diff --git "a/ewe_Latn/fineweb-2_000001_keep.jsonl" "b/ewe_Latn/fineweb-2_000001_keep.jsonl" new file mode 100644--- /dev/null +++ "b/ewe_Latn/fineweb-2_000001_keep.jsonl" @@ -0,0 +1,2770 @@ +{"text":"Yaa Asantewaa\nWodzi Yaa Asantewaa (1840 - Kele 7, 1921) le Besease le Asante nutome. Yaa Asantewaa ɖe aƒetɔ Nana Owusu Kwabena eye wodzi vinyɔnuvi ɖeka si nye Ama Seerwah Brekatu ko, Yaa Asantewaa nɔ Besease hetsi hafi ʋu yi Boankra be woakpɔ eƒe agblewo dzi eye woaga keke wo ɖe dzi ha.\nEsi Iŋlis-yevuwo le mamayɔvia, Afrane Kuma le ƒe 1896 me la Yaa Asantewaa ɖu dzi abe fianyɔnu kple Dufia ŋutsu. Yaa Asantewaa ho aʋa ɖe Inŋlisyevuwo ŋu le ƒe 1900 esi Mɔmefia Hodgson di vevie be yeaxɔ Asantefia ƒe sikazikpui. Ke nu bubu siwo na Asanteawo ho aʋa vevie sia wo enye a. adzɔga si Iŋlis dziɖuɖu ɖo be Asanteawo naxe b. Iŋlis yevuwo ƒe fiaga Prempe I ƒe aboyoɖeɖe d.Asanteawo dzi zizi be woawɔ mɔɖedɔ kple agbatsɔdɔ ɖ. Iŋlisiawo ƒe dzotɔtɔ du aɖewo le Kumasi gbɔ Hafi Yaa Asantewaa kple Asanteawo na ho aʋa la, Nyɔnufia Yaa Asantewaa kpe kple fiawo le Tedoxe 28lia le 1900 ƒe zatiƒe eye wonyi dzo . Aʋa sia tso dziku si wodo na Asanteawo to Hodgson ƒe biabia be woatsɔ Asanteawo ƒe fiazikpuiga si wofa sika la na Iŋlisiawo ta.\nYaa Asantewaa zu aʋafia eye woɖo Edweso abe tanɔƒe na eƒe aʋakɔ. Etia Akwasi Badu abe aʋaŋgɔgbea. Yaa Asantewaa ƒe aʋaɖaŋu aɖewo enye be woaɖo gli ɖe Kokofu mɔdodo dziabd akpoxɔnu ɖe yevuawo ƒe tuvɔwo ŋu. Wogblɔ ha be ede amatsi tɔxɛ si wowuna ɖe asrafowo dzi esi wɔe be tukpe melɔa wo bɔbɔe o. Yaa Asantewaa ŋutɔ kpe aʋa kple yevuawo gake mexɔ tukpe bi ɖeka gɔ ha o. Iŋlis yevuwo ƒe aʋalɔgo si aʋafia ST Hill, Lt. Aspinall, kple Major Manta-naro kplɔ la kpe aʋa kple Asanteawo le Anyɔnyɔ 30lia le ƒe 1900me. Esi yevuawo si Asanteawo la woga trɔ yi Kumasi. Esi yevuawo di vevie be ye woa le fia tsitretsilawo ta la, wona mɔnukpɔkpɔ fia siwo he wo ɖokuiwo ɖe go la be woakpɔ ablɔɖe tohe aɖeke manɔmee. Yevuawo na adzɔga pɔnde 600 be amesiame si ate ŋu le fia siwo ho aʋa dometɔ aɖe la akpɔ gome tso ga home sia me. Esia wɔe be wote ŋu le Asantefia gede siwo ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu la. Le Anyɔnyɔ 30lia la Asantewaa kpe aʋa vɔɖitɔ kple Iŋlisiawo esime Asanteawo bu ame alafa eve kple ewo sɔŋ esi me fia ade ha nɔ. Togbɔ be woɖu Asanteawo dzi le aʋa sia me ha la Yaa Asantewaa mena ta o. Ke boŋ esi yi Atwima heva do ɖe Tepa, ke le Tedoxe 3lia le ƒe 1901 me la ena ta. Iŋlisiawo ɖe aboyo Yaa Asantewaa hekplɔe yi ɖe Seychelles ƒukpo dzi . Wodze mɔzɔzɔa gɔme tso Elmina le Mai ƒe ŋkeke 25lia. Woɖo tɔdziʋu alo meli si woyɔna be 'Darkwa\". Meli sia ɖi go ɖe Sechelles le Yuni le ƒe akpe ɖeka alafa asieke (1901) me . Yaa Asantewaa nɔ ƒukpo sia dzi vaseɖe esi woku le Ɔktoba 18lia, 1921 dzi. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ɖeka (101) hafi ku Togbɔ be Yaa Asantewaa abe fia ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu be yeaʋli yeƒe dukɔ ta ha la ewɔ domedzadzraɖo dɔ ha. Edi vevie be Asanteawo nawɔ ɖeka kple Iŋlisiawo le tudada gbatɔ le Bari megbe hafi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2013-48","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Yaa_Asantewaa","date":"2013-12-09T19:37:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2013-48\/segments\/1386163996875\/warc\/CC-MAIN-20131204133316-00037-ip-10-33-133-15.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973822832,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":57,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973822832107544}","num_words":515,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YHWH enye ɖeɖe\nYHWH gɔmeɖeɖe enye yehowa (manye nusi manye) amesi nye yesu ʄe tɔ si doe wova anyigbã la dzi.Eye amesi ʄo nu esime wonyrɔ yesu.eya ma gbɔ ye gbɔgbɔ kɔkɔe tso abe xe ene va yesu dzi. Eya kee na gbɔgbɔa yesu wotsɔ wɔa nukunuwoe. le dɔwɔwɔwo 2:32 kple 33 la Yehowa gbɔe yesu xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si wo tsɔ nyrɔ apostoloawo le pentecote dzi la le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-15","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/YHWH_enye_%C9%96e%C9%96e","date":"2014-04-23T23:05:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-15\/segments\/1398223203841.5\/warc\/CC-MAIN-20140423032003-00571-ip-10-147-4-33.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959258437,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":13,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959258437156677}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi, eƒe dzidzime lae nye esi. 2Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo. 3Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar, Hezrɔn fofoe nye Perez, Hezrɔn hã dzi Ram, 4Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Nahesɔn, Nahesɔn dzi Salmo, 5Salmo hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, eye Obed dadae nye Rut, Obed dzi Yese. 6Yese dzi Fia David, David dzi Salomo, Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ, 7Salomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa, 8Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia, 9Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia, 10Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amɔn, Amɔn dzi Yosia, 11Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo. Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia. 12Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel, 13Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ, 14Azɔ dzi Zadɔk, Zadɔk dzi Akim, Akim dzi Elihud, 15Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakɔb, 16eye Yakɔb dzi Yosef. Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃ 17Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene, nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene. 18Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. 19Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o. 20Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, \"Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Adzi ŋutsuvi eye nãna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye 'Đela', elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me. 22Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena, 23'Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, 'Imanuel' si gɔmee nye, 'Mawu li kpli mí.'\" 24Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be\"Yesu.\"\nMateo 1","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-23","url":"http:\/\/www.bible.is\/EWEIBS\/Matt\/1","date":"2014-07-23T02:28:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-23\/segments\/1405997872002.22\/warc\/CC-MAIN-20140722025752-00179-ip-10-33-131-23.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985438585,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":19,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985438585281372}","num_words":453,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Adzo\nAdzo alo Adzowo (si woyɔna le Eŋlisigbeme be Riddle) nye nya kpui aɖewo si wogblɔna tsɔna doa ame ƒe susu kpɔ, eye eƒe gɔmesese be ɖe eme. Kɔsasa alo babla nɔa adzowo ŋu. Amewo dzea agbagba desiade tua kɔsasa sia, si fia kɔtɔe be woɖe egɔme.\nAdzo ƒe vevie nyenyewo[trɔ asi le eŋu]\nAdzototo wɔnɛ be:\n- Miesrɔa nulele ɖe tame.\n- Miesrɔa nuƒoƒo le amedome.\n- Miesrɔa sedziwɔwɔ.\n- Mesrɔa tamebubu\n- Ɖekawɔwɔ va ɖeviwo dome.\n- Miesrɔa hadome gbenɔnɔ.\nAdzo aɖewo[trɔ asi le eŋu]\nEsia nye adzo aɖewo kple wo ƒe gɔmeɖeɖe.\n|Adzo ƒe kpɔɖeŋuwo||Gɔmeɖeɖewo|\n|Ege kpɔ sukuviwo kplɔe do||Mi \/ Emi|\n|Ele kpuie do gawu||Neƒui|\n|Esi metso ɖe meyɔ wòa||Luʋɔ \/ Vɔvɔli|\n|Eyi ʋui gbɔ ʋui||Tukpe|\n|Etre vi eve le tsi dzi||Eno|\n|Ebia hẽ menyanyinyim o||Dzo \/ Tadi|\n|Lagã aɖe li ne no tsi ko eku||Edze|\n|Bafa aɖe li nekpɔ nu ɖu hafi wotsia tre||Kotoku|\n|Tɔsisi aɖe li lã kukuwo sɔŋ koe le eme||Dettsi|\n|Wole fufu tom avu le ɣe ɖum||Eno|\n|Kuviatɔ kpla go||Aɖiba|\n|Ele avɔkpowo dome gake tsi amama||Abui \/ Tɔnui|\n|Eyi tsileƒe gbɔ kple aɖatsi||Akutsa|\n|Dã va yi gake eƒe fli meli o||Tɔdziʋu|\n|Avegametadi klẽ ŋku hɔ̃ɔ||Atɔtɔ|\n|Anagotɔ ƒe agbadzi le kliyo||Aɖukpodzi|\n|Gagɔdɔe le gli ŋu||Eto|","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-23","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Adzo","date":"2014-07-24T20:00:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-23\/segments\/1405997891176.68\/warc\/CC-MAIN-20140722025811-00032-ip-10-33-131-23.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986835718,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":79,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986835718154907}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.151,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tata sia mele agbalẽa ŋutɔ me o. Ne ekpɔ tata sia le teƒe si menye Wikipedia o la, ekema ele nububu kpɔm. Ne nɔ nyanya me nawo bena ɖewomahi tata sia nu vayi, eye gɔmesesea ɖeke mega le amesi ƒe dɔwɔwɔ wonye tsã la, kpakple afisia dome o negbe Wikipedia ɖeɖe ŋu ko. Tata gbãtɔ la ŋutɔ le http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/User:Enock4seth.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-23","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/User:Enock4seth","date":"2014-07-30T07:00:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-23\/segments\/1406510268734.38\/warc\/CC-MAIN-20140728011748-00017-ip-10-146-231-18.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977242947,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":111,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977242946624756}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afɔfiɛ\nAfɔfiɛ (alo April) enye ɣleti enelia le ƒea me. Ɣleti sia le Gregoria ɣletigbãlea me. Ŋkeke 30 ye le ɣleti sia kpakple etɔ̃ bubuwo me.\nƔleti sia ƒe ŋkɔ ɖeka tso Aprilis le Latingbe me. Egɔme enye aperire alo ʋuʋum elabena ɣeyiɣi sia me seƒoƒowo tsena le wo de. Helatɔwo hã yɔna ɣeyiɣi sia be ἁνοιξις (ʋuʋum). Esime Romatɔwo tsɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo na ɣletiawo ta la, wobui be woyɔne be Aprilis si tso Helatɔwo ƒe mawuawo ɖeka Afrodite ƒe ŋkɔme.\nAnglo-Saxontɔwo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Oster-monath alo Eostur-monath si nye woƒe mawu ɖeka Eostre alo Ostara ƒe ŋkɔ. Ŋkɔ sia me Easter tso.\n|Ɣletiawo le ƒea me|\n|Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome|","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-23","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Af%C9%94fi%C9%9B","date":"2014-07-28T18:27:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-23\/segments\/1406510261771.50\/warc\/CC-MAIN-20140728011741-00237-ip-10-146-231-18.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981403947,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":126,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981403946876526}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"17Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene, nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene.\nMateo 1:17\nFREE!\nOne App.\n1555 Languages.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-41","url":"http:\/\/www.bible.is\/EWEIBS\/Matt\/1\/17","date":"2014-09-21T10:09:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-41\/segments\/1410657135396.68\/warc\/CC-MAIN-20140914011215-00054-ip-10-234-18-248.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998188615,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998188614845276}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.122,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afadzato tso Liati Wote lɔƒo.\nAfadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 880m (alo 2900 ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodemtɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.\nWogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adelawo si dena toa dzi la yɔnae be \"aʋa dze to\".\nTagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ vayi kpɔna.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-41","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94","date":"2014-09-30T10:07:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-41\/segments\/1412037662882.4\/warc\/CC-MAIN-20140930004102-00091-ip-10-234-18-248.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992552996,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":417,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992552995681763}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sylvanus Olympio\nSylvanus Epiphanio Olympio (1902 - 1963). enye Togo dukplɔlawo ƒe gbātɔ.\nDumèdɔ wɔwɔ[trɔ asi le eŋu]\nAƒetɔ Olympio nye Togo ƒe dudɔnunɔla gbātɔ tso ƒe 1958 vaseɖe ƒe 1961 me. Le ɣeyiɣi siawo me la, wo ɖa àkɔ̃ nè ɣé wozu Togo dukplɔla tso ƒe 1961 vaseɖe 1963 me. Le Olympio ƒe dziɖuɖu ɣéɣíɣí wo mé la, Togo dze dumedɔ geɖe wo me.\nNuwuwu[trɔ asi le eŋu]\nLe Dzove 13, 1963 ɖzi là, aƒéto Olympio ku le asrafowo ƒe dziɖudua trɔtrɔ me. Eƒe kukua ƒe wɔnao me mé kɔ̃ nyuie o. Le gbɔgblɔn sé ɖéo mè la, ɣémaɣi asrafo gɔmenotɔ̃ Gnassingbé Eyadéma ɣé nɔ ngɔ na tsitrétsiláwo. Lé gbɔgblɔn sé bubuwo mè la, asrafo Emmanuel Bodjollé ɣé nɔ ngɔ nawo.\n|Togo dukplɔlawo|","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-42","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Sylvanus_Olympio","date":"2014-10-22T03:07:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-42\/segments\/1413507445299.20\/warc\/CC-MAIN-20141017005725-00203-ip-10-16-133-185.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9872589707,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":18,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9872589707374573, \"ajg_Latn_score\": 0.012758525088429451}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wt\/ee\/Axa do Ŋgɔ\nWòezɔ loo! Afisia enye Eʋe Wiksinari la, si nye afisi woɖe nyawo geɖe me le ɖe gbe bubuwo me.\nNe ese Eʋegbe alo enye Eʋegbe dola la, míave nuwo be na na kpekpeɖeŋu le nyawo gɔmeɖeɖe ɖe gbe bubuwo me le afisia.\nAxa yeye gɔmedzedze[edit]\nNe wòadi be yeadze nuŋɔŋlɔ gɔme la, ŋlɔ tanya ɖe go sia me le \"Wt\/ee\/\" yome eye na mia kpea dzi.\n|Mɔtabiala|\n|Wikimiɖia dɔ bubuwo|","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-42","url":"http:\/\/incubator.wikimedia.org\/w\/index.php?title=Wt\/ee\/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94&redirectfrom=infopage","date":"2014-10-23T04:26:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-42\/segments\/1413507450097.39\/warc\/CC-MAIN-20141017005730-00046-ip-10-16-133-185.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994120598,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":49,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994120597839355}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu\nYesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si enye ame vevietɔwu na Kristotɔwo katã le xexeame godoo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Wotsɔ Yesu ŋkɔa tso Helagbe me Ίησους (Iēsous). Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye \"amesi wosi ami ɖe ta na\".\nKristotɔwo xɔe se be : Yesu Kristo nye Mawu ŋusekatatɔ ƒevi. Èɖi tsò dziƒo va nɔ amegbetɔwo dome. Ènɔ anyigba dzi wɔ ƒe bla etɔ vɔetɔ. Ema yomela, eku eye wòɖii. Le ŋkeke etɔ megbe la, efɔ tso amekukuwo dome. Etrɔ yi dziƒo bɔbɔ nɔ anyi ɖe efofoa Yehowa ƒe ɖusi me. Àtrɔ ava àdrɔnʋɔnu amegbetɔwo katã ne fofoa ɖemɔ ne be woawɔ esia.\nKristotɔwo xɔ edzi se be ne ame aɖe xɔ edzi se be Yesu Kristo ye nye Mawu ƒe tenuvi la, amema àxɔ agbemavɔ eye ne wogaku eye wòɖii hã la, ne Yesu Kristo trɔ va ko la, amema ànɔ agbemavɔ le anyigba dzi. Nusi wole be amegbetɔ nanya ye nye be Yesu Kristo ɖeka ye nye mɔla, nyaateƒe la kple agbela.\nNusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuigbalẽ eneawo, si wo le Nubabla yeye la me. Ame geɖe siwo nyaa nu le Biblia la ŋuti, xɔ edzi se bena Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia la. Wo ga xɔe se hã bena eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wo hee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilaté te.\nNusrɔla ʋea ɖewo hã gblɔna bena Yesu ɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.\nKristotɔwo ƒe xɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ daɖi le Nubabla xoxo la me, eye bena éfɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena ɖetugbui leaƒe ye dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ daɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔ edzi se bena Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wo gale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.\nMɔsilemtɔwo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ alo via ene o. Wo me xɔ edzi se bena wo he Yesu ɖe ati ŋu eye wo ku o. Wo lɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wo le mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple eƒe nuvɔ̃wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-52","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Yesu","date":"2014-12-19T20:13:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-52\/segments\/1418802768847.78\/warc\/CC-MAIN-20141217075248-00094-ip-10-231-17-201.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988164902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":97,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988164901733398}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpe na nusiwo newɔ va yi le Eʋe Wikipiɖia la dzi! Mexɔese be ekpɔe be Eʋegbe ŋlɔlawo wo me sɔgbɔ ɖe afisia o. Míele mɔ kpɔm be ateŋu akpe ɖe mía ŋu. Ne mese Eʋegbe nyuie haɖe o hã la, megblẽ kura o. Megavɔ̃ o, mɔxexea ɖeke meli o. Ateŋu adze nuwo ŋɔŋlɔ gɔme fifia gɔ̃ hã. Ne ele xaxaa ɖe me la, ateŋu abiam fãa le nye nyamedzroƒe.\nƔesiaɣi neŋlɔ nane ɖe nyamedzroƒe la, ɖo ŋku dzi na da dzesi sia (~~~~) ɖe nuwuwu. Esia ada ŋkɔ wò (alo dzesi wò), ŋkeke kple gaƒoƒoa si neŋlɔe la ɖe nuŋɔŋlɔa ƒe nuwuwu.\nMí me kpɔ ŋlɔ kpekpeɖeŋu nyawo haɖeke o. Ne ele kpekpeɖeŋu dim la, biam le nye nyamedzroƒe alo ne ese gbe siawo la, kpɔ Wikipiɖia siawo ƒe kpekpeɖeŋu nyawo ɖa:","id":"","dump":"CC-MAIN-2015-11","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Template:Woez%C9%94","date":"2015-02-27T11:36:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2015-11\/segments\/1424936461216.38\/warc\/CC-MAIN-20150226074101-00198-ip-10-28-5-156.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994731545,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":56,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994731545448303}","num_words":131,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kɔsiɖagbe\nLe dukɔwo geɖe me la, Kɔsiɖagbe enye mɔkeke na dɔwɔlawo.\nLe Gregoria ɣletigbãlea me la, ƒeawo dzea edzi ƒe alafa ene sia. Yudatɔwo ƒe ƒeyeye medzena Kɔsiɖagbe dzi gbeɖe o. Le ɣleti ɖesiaɖe si dzea egɔme le Kɔsiɖagbe me la, ŋkeke wuietɔ̃lia dzena Fiɖagbe dzi.\n|Ŋkekewo le kɔsiɖaa me|\n|Kɔsiɖagbe · Dzoɖagbe · Brãɖagbe · Kuɖagbe · Yawoɖagbe · Fiɖagbe · Memleɖagbe|","id":"","dump":"CC-MAIN-2015-22","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/K%C9%94si%C9%96agbe","date":"2015-05-27T09:38:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2015-22\/segments\/1432207928923.85\/warc\/CC-MAIN-20150521113208-00159-ip-10-180-206-219.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996188283,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":87,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996188282966614}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.316,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Brãɖagbe enye ŋkeke si le Dzoɖagbe kple Kuɖagbe dome le kɔsiɖaa me. Eƒe ŋkɔ le Yevugbewo me tso woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me.\nBrãɖagbe le Blugbe me enye Ɛbenada si de sɔsɔ gbe kple Eʋegbe tɔ. Le Yuropa duwo geɖe me la, Brãɖagbe enye ŋkeke evelia le kɔsiɖaa me.\nLe Eŋlisigbe me la, woyɔnae be Tuesday, si tso Scandinavia mawu siwoyɔna be Tyr ƒe ŋkɔ me. Le Latingbe me la, woyɔnae be Martis dies.","id":"","dump":"CC-MAIN-2015-22","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Br%C3%A3%C9%96agbe","date":"2015-05-24T15:04:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2015-22\/segments\/1432207928019.82\/warc\/CC-MAIN-20150521113208-00272-ip-10-180-206-219.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99945122,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":69,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999451220035553}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.473,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo Eʋe\nEʋeviwo, wo kata͂ tso Nɔtse alo Ƞɔ͂tsɛ dua me. Woƒe fia si nɔ dziɖum la ŋkoe nye Tɔgbe Agɔkɔli. Wotɔ gli-kpɔ ga aɖe ƒoxla Nɔtse du blibo la kata. Alesi fia la nye ŋutasela ta la, dumeviawo kata ɖoe kplikpa be ye woasi adzo le fia la gbɔ. Le esiata la, wo ɖoe na nyɔnuwo be woa nɔ tsi ƒom ɖe gli-kpɔ la ŋu ɣesiaɣi si woanyanu alo aklɔ agbame. Esia yi edzi vaseɖe esime gli-kpɔ la gba eye Eʋeawo to gli-kpɔ gbagba la me si le fia vɔɖi Tɔgbe Agɔkɔli gbɔ yi ɖe Ghana, Benin kple Togo ƒe teƒe bubuwo. Le fifia me la, Eʋeawo anɔ abe ame \"2,000,000 ene,","id":"","dump":"CC-MAIN-2015-32","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Amewo_E%CA%8Be","date":"2015-08-05T10:25:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2015-32\/segments\/1438044160065.87\/warc\/CC-MAIN-20150728004240-00189-ip-10-236-191-2.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998447597,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":80,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998447597026825}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu Hame Vavã\n\"Yesu Hame Vavã\" (True Jesus Church) la enye subɔsubɔ hame faa si woɖo le Beijing, China le ƒe 1917 me. Egbe la, ame abe miliɔn ɖeka kple afã tso dukɔ blaene vo atɔ̃ me le ha sia me. Hamea, si do ha kple Kristo subɔsubɔ hawo si woyɔna be \"Pentecostal\" la, dze egɔme abe ƒe alafa ɖeka enye si. Woɖo ha sia ɖe Ghana le ƒe 1985 me. Woƒe ɖoɖo enye be yewoa gblɔ mawunya na dukɔwo katã hafi Yesu na ga trɔ ava zi eveliae. Hamea ƒe xɔse vevietɔ ewoawo enye:\n- Gbɔgbɔ Kɔkɔe - Gbevovowo gbɔgblɔ nye ɖeɖefia be miéxɔ Gbɔgbɔ Kokoe, eye wonye ŋugbedodo nami be mianyi Dziƒofiaduƒe la ƒe dome.\n- Tsitadede - Mawutsideta kple tsi eya enye nuvɔtsɔtsɔke kple agbeyeye nɔnɔ ƒe sakramento. Wodena mawutsita kple tsigbeagbe, abe tɔsisi, atsiaƒu, alo kpetome tɔlɛ. Mawutsitadela, amesi xɔ mawutsideta xoxo tó tsi kple Gbɔgbɔ KɔKoe me la, eyae dena mawutsita le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Edze bena amesi le mawutsideta xɔm la woanyrɔe blibo ɖe tsi me, eƒe mo nanɔ anyigba kpɔm.\n- Afɔ kɔklɔ - Afɔ kɔklɔ ƒe sakramentoe nana be miwɔna ɖeka kple Yesu Kristo. E zuna abe ŋukuɖoɖonudzi nami be lɔlɔ, kɔkɔenyenye, ɖokuibɔbɔ, tsɔtsɔke, kple amenuveve nanɔ miasi. Edze be amesiame sixɔ mawutsideta tó tsi me la, woaklɔ afɔ nɛ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Miawɔ Afɔklɔ na mianɔewo gasiagame ne miekpɔ bena ehiã.\n- Nuɖuɖu kɔkɔe - Kɔminio Kɔkoe nye sakramento, si mietsɔna ɖoaŋku miaƒetɔ Yesu Kristo ƒeku dzi. Tó eyamee miexɔna Aƒetɔla ƒe ŋutilã kple Ʋù be miawɔɖeka kplii, be miakpɔ agbemavɔ, eye miafɔ le ŋkeke mamlea dzi. Woawɔ sakramento sia enuenu zi alesi dze. AbolomaƲamaƲa ɖeka kple vɛtikutsetse ƒe tsi koe wazã\n- Sabat - Sabbath, sinye ŋkeke adrelia le kɔsiɖa la me la nye Ŋkeke Kɔkoe si Mawu yra eye wowoe kɔkoe. Woduna Sabbath tó Mawu ƒe amenuveve me, be miado kɔkɔ Mawu ƒe nuwokata wɔwɔ kple agbemavɔ dzi, kple dzideƒo bena agbemavɔ na tumi le agbesigbɔna la me.\n- Yesu Kristo: Yesu Kristo, nya la si va zu ŋutila, Eku de atitsoga ŋuti hena nuvɔwo tsɔtsɔ ke, Efɔ tso amekukuwo dome le ŋkeke etɔagbe eye wo yi ɖe dzifo. Eya koe nye amegntɔwo ɖela, dziƒo kple anyigba wɔla, kple Mawu vava la.\n- Biblia Kɔkɔe (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe): \"Biblia kɔkɔe, sime Nubala xoxoa kple yeyea le, nye Mawu ƒe , esia nye nyaŋlɔɖi vava, kple nu siwo ŋu Kristotɔwo nɔna agbe ɖo.\n- Ɖeɖe: \"Ɖeɖe tso na Mawo ƒe amenuveveme to xɔse me. Elena Xɔsetɔwo be woa ɖonu ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe nu hena kɔkɔe nyenye, Mawu dodo ɖe dzi, kple lɔlɔ na amegbetɔwo\".\n- Kristo hame\n- Afiatsoso mamlea: Yesu ƒe vava evelia anɔ ŋkeke mamledzi ne Eɖi tso dziƒo va ʋɔnu dzrɔ ge xexea: amedzɔdzɔewo akpɔ agbemavɔ, ke amevɔɖiwo ya woabu yi ɖe mavɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2015-40","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Yesu_Hame_Vav%C3%A3","date":"2015-10-08T23:36:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2015-40\/segments\/1443737911339.44\/warc\/CC-MAIN-20151001221831-00185-ip-10-137-6-227.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992467165,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":66,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992467164993286}","num_words":451,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Waakye\nWaakye nye nuɖuɖu bɔbɔ aɖe le Ghana si ame sia ame kloe ɖuna. Wo ɖaa waakye le aƒeme gake zi geɖe la, edzralawo ɖo na asi ɖe lɔri mɔtɔwo alo xɔsɔe aɖe me kpli. Waakye ɖaɖa do na go tso mɔlu kple ayi si woɖo dzodzi zi ɖekae me.\nWaakye si woateŋu aɖu le ɖe ŋdi alo ŋdɔ nuɖuɖu teƒe. Wo ɖua waakye kple nudonui siawo dometɔ ɖeka alo wo ƒe agbɔsɔsɔme, kelewele, akpa tɔtɔ, abladzo tɔtɔ, koklozi ɖaɖa, koklola tɔtɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2016-18","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Waakye","date":"2016-05-05T06:44:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2016-18\/segments\/1461860125897.68\/warc\/CC-MAIN-20160428161525-00059-ip-10-239-7-51.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983226061,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":40,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998322606086731}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzata\nDzata nyé gbemelã sesẽtɔwo dometɔ ɖeka. Enye lã ɖuʋulɛ̃ . Tso keke gbaɖegbe ke la, woda ŋkɔ ɖe edzi be enye lãwo ƒe fia. Ŋkɔ sia dzee vavã elabena enye lã dziŋɔ wɔdã aɖe si ɖu gbemelãwo katã kloe dzi.\nDzedzeme alo Nɔnɔme[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]\nDzata ɖi dadi le go geɖe me. Enye lã triakɔ̃ aɖe si afɔ kako ene li na. Afɔdidɛ atɔ̃ siwo nu fe ɖaɖɛwo le la le eƒe afɔawo nu. Eƒe fuwo biã eye asike legbee aɖe si ŋu fu kpoyoo aɖe le la li nɛ. Eƒe ta lolo ŋku eve siwo kpɔkpɔ doa vɔvɔ̃ na ame la le ta ŋu nɛ. Dzatatsu to fu ɖe kɔ me fũ. Woyɔa fu sia be kɔdza. Dzatanɔ ya metoa kɔdza o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2016-22","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Dzata","date":"2016-05-28T11:45:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2016-22\/segments\/1464049277592.65\/warc\/CC-MAIN-20160524002117-00147-ip-10-185-217-139.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995598197,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":74,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955981969833374}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YHWH enye ɖeɖe\nYHWH gɔmeɖeɖe enye yehowa (manye nusi manye) amesi nye Yesu ƒe tɔ si dɔe wova anyigbã la dzi. Eye amesi ƒo nu esime wonyrɔ͂e. Eya ma gbɔ ye gbɔgbɔ kɔkɔea tso abe xe ene va edzi. Eya kee na gbɔgbɔa Yesu wotsɔ wɔa nukunuwoe. Le dɔwɔwɔwo ta 2 kpupui 32 kple 33 la Yehowa gbɔe yesu xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si wo tsɔ nyrɔ apostoloawo le pentecote dzi la le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2016-36","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/YHWH_enye_%C9%96e%C9%96e","date":"2016-08-25T07:53:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2016-36\/segments\/1471982292975.73\/warc\/CC-MAIN-20160823195812-00060-ip-10-153-172-175.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990498424,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":60,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990498423576355}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abable\nTso Wikipedia\nAbable alo Atɔtɔ enye atikutsetse si woyɔna le Englishgbe me be pineapple. Eƒe ŋkɔ ŋutɔ enye Ananas comosus. Wotsɔna abable wɔna nuɖuɖu vovovowo le xexeame katã.\nNuŋɔŋlɔwo le teƒe bubuwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]\n- Wikispecies\n- Pineapple Fruit Facts – Nuŋɔŋlɔwo le abable ŋu tso California Rare Fruit Growers, Inc.\n- Paul Lunde ƒe nuŋɔŋlɔwo le abable ŋuti tso New World Foods, Old World Diet, 1992, Saudi Aramco World","id":"","dump":"CC-MAIN-2016-36","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Abable","date":"2016-08-28T20:35:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2016-36\/segments\/1471982947845.70\/warc\/CC-MAIN-20160823200907-00154-ip-10-153-172-175.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978650212,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":70,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978650212287903}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Talk:Brãɖagbe\nAme geɖee hã buna be eƒe ŋkɔe nye Blaɖagbe. Togbɔbe Ʋedome dukɔ si wo le Volta ƒe dziehe gome yɔnee be Braɖagbe hã la, edzi abe ame akpa gãtɔ wu yɔnee be Blaɖagbe.\nŊkɔwo ƒe vovototo[trɔ asi le etsoƒe ŋu]\nMa nyo be mia tsɔ Blaɖagbe hã ade axa sia me oa? Elabena ame geɖe le Ghana kple Togo si do na Eʋegbe nyae kɔtɔe be ŋkeke sia nye Blaɖa . Alo mia ʋu axa yeye si ŋkɔ anye Blaɖagbe. Esi akplɔ wo ava Braɖagbe ƒe axa la dzi.\n- Translation (Difference between the names) Wouldn't it be better to include Blaɖagbe in this article? This is because most people and what is taught in Togo and Ghana here is in favor of Blaɖa. Instead there should be a redirect page for this article named Blaɖagbe","id":"","dump":"CC-MAIN-2016-50","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Talk:Br%C3%A3%C9%96agbe","date":"2016-12-05T12:33:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2016-50\/segments\/1480698541696.67\/warc\/CC-MAIN-20161202170901-00465-ip-10-31-129-80.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989442229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":35,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989442229270935}","num_words":135,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.17,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Keta\nKeta nye du aɖe si le Volta alo Amuga nutome le Ghana. Enye toxɔ du na Keta Municipal District. Keta nye teƒe tɔxɛ aɖe na asitsatsa le senturi wuienelia kple blaevelia ƒe nuwuwu me, ɖe meli dzeƒe kple xɔ si Dutch yevuwo tu le 1784 ɖe Keta la. Atsiaƒu ɖe dua ƒe akpa aɖewo tso ƒe 1960 va seɖe 1980. Keta nye du bladevɔ-etɔ̃lia le du si me amewo sɔ gbɔ le Ghana la me, Amewo ƒe agbɔsɔsɔmee nye 22,739.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-34","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Keta","date":"2017-08-21T23:48:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-34\/segments\/1502886109682.23\/warc\/CC-MAIN-20170821232346-20170822012346-00006.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997676015,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":18,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997676014900208}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.377,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EƲE DZOMI !\nMíele ame sia ame si le kadodo me kple asitsalawo le ablotsi looo, alo le du bubu siwo menye eʋe duwo me o la kpem bena woatsa ka kple mí le +33 75 15 98 412 alo E-mail sia nye akpoxɔnu lè robots spammars ŋu. JavaScript ƒe sisi hiã̀ ne ekpɔkpɔ. dzi, na EƲE DZOMI dzadzra le teƒe si wole la me. Mìena míedo míaƒe alɔŋu dɔwɔwɔwo ɖe ŋgɔ hekpe ɖe mía nɔvi siwo le gbedzi ale bena woawo hã akpɔ gome na míade nuɖuɖuwo. Akpe namì","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo\/267-e-enyigba-fe-awu-la-to-v-2","date":"2017-11-24T13:03:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00721.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984680414,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984680414199829}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbe ɖeka ŋdi kanya fofonye yɔm hegblɔ nam be yele nye kple tsɛnye Kɔdzɔ kplɔ ge yi ɖe agble le ŋdinuɖuɖu megbe. Danye na ŋdinuɖuɖu mí míeɖu. Fofonye bia mí be míeɖi ƒo mahã ? Míeɖo eŋu nɛ be: \" Eee, míeɖi ƒo.\" Fofonye hã ɖu eƒe ŋdinuɖuɖu. Le esia megbe la, wotsɔ agblenu eve kple krante eve nam, eye menyre wo nyuie. Etsɔ go hã nam Metsɔ go la yi danye gbɔ, eye woku tsi de eme nam. Fofonye hã nyre eƒe krante kple agblenu. Tsɛnye Kɔdzo metsi tutuutu o. Exɔ ƒe enyi ko; gake mía fofo na eya hã tsɔ krante sɔe aɖe. Danye hã tsɔ wɔ, gali kple dze de kotoku sɔe aɖe me, eye wotsɔe na tsɛnye Kɔdzo. Kɔdzo tsɔ kotoku la ku kɔ. Fofonye tsɔ eƒe agblekotoku kple eƒe tu eye woɖe dzo ɖe ze kakɛ̃a ɖe dzi. Ale míedzo yi agble ŋdi ma.Míedo dzò ɖe míaƒe agblexɔ me. Esia megbe míewɔ dɔ tso ŋdi ga asieke vaseɖe ga ɖeka. Dɔ nɔ mía wum ŋutɔ, eyata fofonye na meɖa nu. Míeɖu nua le ga ɖeka kple ga eve dome. Le nuɖuɖu la megbe fofonye na miedzudzɔ vie, elabena ŋdɔ nɔ ʋuʋum akpa. Míeyi míaƒe dɔwɔwɔ dzi le ga etɔ̃ me. Esi ga atɔ̃ ƒo ko la, nye kple tsɛnye míeyi ave sɔe aɖe me ɖafɔ nake. Míebla nakeawo hetsɔ wo va aƒee. Danye kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míetrɔ gbɔ. Ekpɔ dzidzɔ le nakeawo hã ŋuti. Míele tsi, eye le esia megbe mieɖu nu. Le fiẽnuɖuɖu megbe la, fofonye gblɔ ŋutinya vivia ɖe na nye kple tsɛnye. Míemlɔ anyi fiẽ ma kaba elabena ɖeɖi te mía ŋu ŋutɔ.Le ŋufɔke la, fofonye gakplɔ mí yi ɖe agblea na míaƒe dɔwɔwɔ la dzi yiyi. Ale mía fofo fia agbledɔwɔwɔ mí tso mia ɖevime ke. Agbledede nye dɔ nyuia ɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo\/131-fofonye-fia-agbledede-mi-viawo","date":"2017-11-24T13:12:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00171.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966569543,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966569542884827}","num_words":299,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Kwasiɖagbe aɖe ƒe ŋdɔ me la, Kenneth kple Filomena, siwo le Curaçao la gayi be yewoasrɔ̃ Biblia kple atsu kple asi aɖe.\nKenneth gblɔ be: \"Esi míeɖo la agboa nɔ dodo eye ʋua hã menɔ aƒea me o. Gake nane gblɔ nam be maƒo ka na nyɔnua.\"\nNyɔnua ɖo fon la ŋu eye wògblɔ be ye srɔ̃ yi dɔme. Gake esi wòkpɔe be Kenneth kple Filomena ye la, eva ʋu agboa na wo.\nWokpɔe le mo nɛ be efa avi. Esi Kenneth do gbe ɖa eye wodze nua sɔsrɔ̃ gɔme la, nyɔnua wó avi. Eya ta Kenneth kple Filomena biae be wòagblɔ nu si nɔ fu ɖem nɛ la na yewo.\nNyɔnua gblɔ be ɖe yeɖoe be yeawu ye ɖokui ŋdɔ ma eye esi yenɔ eŋu nya ŋlɔm na ye srɔ̃ ye Kenneth ƒo ka na ye. Ena wonya be yeƒe blanuiléledɔ ho na ye, eya ta wotsɔ Biblia me nya aɖewo fa akɔ nɛ. Akɔfanamenya mawo xɔe ɖe agbe.\nKenneth gblɔ be: \"Yehowae míada akpe na be wòna míekpe ɖe nyɔnu sia si dzi nu te ɖo la ŋu, eye vevietɔ be wòto ɖewohĩ mawudɔla alo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã mí be míeƒo ka nɛ!\" *\nÐe wògblẽ be Kenneth kple Filomena naxɔe ase be Mawue de nu nyaa me, to mawudɔla aɖe alo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo dɔwɔŋusẽ dzia? Alo nudogoɖenunu si xɔ nyɔnua ɖe agbe koe Kenneth ƒe kaƒoƒoa nyea?\nMíate ŋu agblɔe kaŋ o. Gake nu si míenyae nye be Mawu zãa eƒe dɔlawo tsɔ kpena ɖe eƒe amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia na míenya be Mawu to mawudɔla aɖe dzi fia mɔ Kristotɔ Filipo si nye nya nyui gblɔla be wòava kpe ɖe Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe ŋu wòase Biblia me nya aɖe gɔme.—Dɔwɔwɔwo 8:26-31.\nSubɔsubɔha geɖe fiaa nu amewo be woaxɔe ase be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu la li. Wogblɔna be wo dometɔ aɖewo nyoa dɔme, wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye mawudɔla le ame sia ame si si dzɔa eŋu. Menye ɖeko ame geɖe xɔ edzi se be mawudɔlawo li ko evɔ o, ke boŋ woxɔe se hã be mawudɔlawo kpena ɖe yewo ŋu etɔxɛe. Ke hã ame bubu geɖewo ya mexɔe se kura be mawudɔlawo li o.\nÐe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa? Ne woli ŋutɔŋutɔa, ke afi kae wodzɔ tso? Nu kae nye nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo ŋu? Ðe woate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Na míadzro kpeɖodziawo me kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/mawud%C9%94la-nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/","date":"2017-11-21T19:26:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934806422.29\/warc\/CC-MAIN-20171121185236-20171121205236-00189.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987550974,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987550973892212}","num_words":401,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ Biblia me ŋutinya sia nàkpɔ ale si Israel-nyɔnuvi aɖe kpe ɖe Siria-ʋafia aɖe ŋu woda gbe le eŋu la ɖa. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene!\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/woda-gbe-le-kpod%C9%94l%C3%A9la-a%C9%96e-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-17T07:30:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948593526.80\/warc\/CC-MAIN-20171217054825-20171217080825-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961352944,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961352944374084}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 1 va se ɖe 28, 2016 la le tata sia me.\nAle si Mawu zã amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ vovovowo tsɔ na woŋlɔ eƒe susuwo ɖi la fia nyateƒenya vevi aɖe mí.\nXexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia zɔ ɖe mɔfiame vevi etɔ̃ aɖewo dzi le woƒe dɔa wɔwɔ me.\nBiblia ƒo nu tso míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ zazã ɖe amewo ŋu alo míaƒe kesinɔnuwo nana wo kple susu nyui kpakple ewɔwɔ kple susu manyomanyo siaa ŋu.\nAleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si míaƒo nu, míagblɔ nya dzetowo kpakple ale si míaƒo nu?\nAleke wòle be míabu dɔléle, eye nu kae míawɔ tso eŋu?\nAGBEMEŊUTINYA\nEsi Michiyo Kumagai dzudzɔ tɔgbui kukuwo subɔsubɔ la, esia de dzre eya kple nɔa dome. Aleke Michiyo wɔ gava le ŋutifafa me kple nɔa mlɔeba?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20151215\/","date":"2017-12-11T04:16:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00084.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985100031,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985100030899048}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!\"\n\"Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, megagblɔ be: 'Mawue le teyem kpɔ' o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o.\"\n\"[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.\"\n\"Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/%C9%96e-m%C3%ADabu-f%C9%94-mawua\/","date":"2017-12-16T09:34:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948587496.62\/warc\/CC-MAIN-20171216084601-20171216110601-00380.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967429638,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967429637908936}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖo Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ (Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania) si le Pennsylvania le ƒe 1884 me le Pennsylvania si le United States (États-Unis) ƒe sewo nu, eye menye asitsahae wònye o. Yehowa Ðasefowo zãa dɔwɔha sia tsɔ kpea asi ɖe woƒe dɔwo ŋu le xexea me godoo. Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata.\nLe dɔwɔha sia ƒe ɖoɖo nu la, eƒe taɖodzinuwoe nye \"mawusubɔsubɔ, nufiafia kple kpekpeɖeŋunana dɔwo wɔwɔ\" vevietɔ \"be wòaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la ŋuti nya nyuia ahafiae amewo.\" Ðe wotiaa amewo be woava nye dɔwɔha sia me tɔwo, menye ga agbɔsɔsɔ si wodzɔna dzie wonɔa te ɖo tiaa wo o. Dɔwɔha sia me tɔwo kple woƒe dɔdzikpɔlawo kpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa ŋu.\nDɔwɔha Nɔsenu Bubu Siwo Wozãna\nTo vovo na Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa la, Yehowa Ðasefowo gazãa dɔwɔha nɔsenu geɖewo le du vovovowo me. \"Watch Tower\" alo \"Watchtower\" loo alo woƒe gɔmeɖeɖe dzena le dɔwɔha siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ me.\nDɔwɔha nɔsenu geɖe siawo ɖe vi geɖe tso esime woɖo wo, woƒe viɖeawo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:\nAgbalẽŋɔŋlɔ Kple Agbalẽtata. Míeta Biblia miliɔn 220 kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo ade miliɔn 40,000 le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔwo me. Amewo xlẽa Biblia le míaƒe internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org femaxee le gbegbɔgblɔ siwo wu 120 me, eye wokpɔa Biblia me nyabiase geɖe siwo dometɔ ɖekae nye \"Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?\" ƒe ŋuɖoɖowo le afi ma.\nNufiafia. Míeɖo suku geɖewo hena Biblia la fiafia. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1943 me la, Yehowa Ðasefo 8,000 kple edzivɔwo xɔ hehe tɔxɛ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku, eye suku sia delawo dometɔ aɖewo zu dutanyanyuigblɔlawo, eye bubuwo hã kpea asi aɖe míaƒe xexea me katã ƒe dɔa ŋu wòlia ke nyuie. Eye kwasiɖa sia kwasiɖa la, ame miliɔn geɖe siwo dometɔ aɖewo menye Yehowa Ðasefowo o la xɔa mɔfiame le kpekpe siwo míewɔna le míaƒe hamewo me la me. Míeɖo nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ƒe sukuwo hã, eye míeta agbalẽ aɖe si kpena ɖe amewo ŋu wosrɔ̃a nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, si le gbegbɔgblɔ 110 me.\nKpekpeɖeŋunana. Míenaa ŋutilãmekpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo, eɖanye dzɔdzɔmefɔkuwo abe anyigba si ʋuʋu le Haiti le ƒe 2010 me loo alo esiwo tsoa amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ abe dukɔmeviʋa si dzɔ le Rwanda le ƒe 1994 me si me wotsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo le ye o.\nTogbɔ be míezãa dɔwɔha nɔsenu siawo tsɔ wɔa dɔ geɖe hã la, míaƒe dɔa menɔ te ɖe wo dometɔ aɖeke dzi o. Agba le Kristotɔ ɖe sia ɖe dzi be wòawɔ ɖe se si Mawu de be míaɖe gbeƒã nya nyuia ahafiae amewo la dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Míeka ɖe edzi be Mawu le megbe na míaƒe dɔa, eye ana dɔa 'natsi' ɖe edzi.—1 Korintotɔwo 3:6, 7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/gbetakp%C9%94x%C9%94-hab%C9%94b%C9%94\/","date":"2017-12-16T09:34:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948587496.62\/warc\/CC-MAIN-20171216084601-20171216110601-00380.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985998273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985998272895813}","num_words":460,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ADOGLO tea ŋu tia kpo tso teƒe gbadza ɖakuna ɖe gli ŋu bɔbɔe. Gake ne teƒea zrɔ̃ la, adogloa ƒe afɔwo ɖiɖina, ke hã etea ŋu tia kpo kuna ɖe glia ŋu dzidzedzetɔe. Aleke wòwɔnɛ? Eƒe asikea ye wòzãna.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Ne teƒe si adogloa ti kpo tso la le glidzaglidza la, eƒe afɔwo lia anyi nyuie, eya ta ɖeko wòdzɔa eɖokui heɖiɖia eƒe asike vaa anyi me hetia kpo. Esia wɔnɛ be wòtea ŋu trɔna nyuie le ya me. Gake ne afi si wòti kpo tso la zrɔ̃ la, eƒe afɔwo ɖiɖina, si wɔnɛ be metea ŋu trɔna nyuie le ya me o. Gake ne ele ya me la, ekɔa eƒe asike yia dzi, si wɔnɛ be wòdzɔna nyuie. Ale si nɔnɔmea le la nue wòtrɔa asikea ɖo. Le California Yunivɛsiti si le Berkeley ƒe nyatakaka nu la, \"adogloa mate ŋu adzɔ eɖokui le ya me o, negbe ɖeko wòle eƒe asikea trɔm nyuie ale si dze.\" Ale si gbegbe wòdoa eƒe asikea ɖe dzii la nɔa te ɖe teƒea ƒe zɔzrɔ̃ dzi. Aleae wòwɔna be wòtea ŋu dzea glia ŋu dedie.\nNusɔsrɔ̃ tso adoglo ƒe asike ŋu ate ŋu akpe ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋu woawɔ robot siwo mamu adze anyi bɔbɔe o, siwo woate ŋu atsɔ adi agbetsilawo le anyigbaʋuʋu alo afɔku bubu aɖe dzɔdzɔ vɔ megbe. Numekula Thomas Libby gblɔ be: \"Le kelili gome la, lãwo de ŋgɔ sãsãsã wu robotwo, eya ta nu sia nu si ate ŋu ana robotwo nali ke wu la nye ŋgɔyiyi.\"\nNu kae nèsusu? Ðe adoglo ƒe asike la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201302\/adoglo\/","date":"2017-12-13T08:18:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522205.7\/warc\/CC-MAIN-20171213065419-20171213085419-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998296082,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982960820198059}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPAKPALUƲUI ƒe aʋalawo le belii ale gbegbe be ʋuʋudedi alo zãmu gɔ̃ hã nana be dzodzo zua dɔ nɛ. Ke hã eƒe aʋalawo meƒoa ɖi alo ƒoa tsi o. Nu ka gbɔe esia tso?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Numekula siwo le Ohio State Yunivɛsiti siwo le nu srɔ̃m tso kpakpaluʋui si woyɔna be Giant Blue Morpho ŋu gblɔ be ne èkpɔ eƒe aʋalawo kple ŋku ƒuƒlu la, wo ŋuti zrɔ̃. Gake le nyateƒe me la, tsro wluiwluiwlui siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi abe zingli siwo wotsɔ gba xɔe ene le aʋalaawo ŋuti. Eye fli lɛlɛlɛ siwo le akasa nu hã le aʋalaawo ŋuti si nana be ɖiwo kple tsi ɖiɖina le wo ŋu bɔbɔe. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ aʋala siawo ƒe wɔwɔme atsɔ awɔ aŋɔ deŋgɔ siwo woasi na mɔ̃ɖaŋunuwo alo mɔ̃ siwo wozãna le kɔwo dzi ale be ɖi alo tsi nagagblẽ nu le wo ŋu o.\nKpakpaluʋui ƒe aʋala ƒe wɔwɔme dzi kpɔkpɔ ato nuwo vɛ ganye ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu srɔ̃m tso nu gbagbewo ŋu tsɔ le nuwo tom vɛ la ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖe. Numekula Bharat Bhushan gblɔ be: \"Nuwɔwɔ wɔnukuwo do agbogbo ɖe xexea me fũu, tso nyaŋuiawo dzi va se ɖe klitsuawo dzi, eye amegbetɔwo srɔ̃ nu tso wo ŋu tsɔ wɔ mɔ̃ɖaŋunuwo ƒe alafa geɖewoe nye esia.\"\nNu kae nèsusu? Ðe kpakpaluʋui ƒe aʋala la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201404\/kpakpalu%CA%8Bui-a%CA%8Bala\/","date":"2017-12-13T08:18:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522205.7\/warc\/CC-MAIN-20171213065419-20171213085419-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991645813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991645812988281}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nKpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o.\nHakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒu��e alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o.\nKpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/%C6%92udz%C4%A9a-ma-%C9%96e-eve\/","date":"2017-12-13T08:18:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522205.7\/warc\/CC-MAIN-20171213065419-20171213085419-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981456995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981456995010376}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"ƔLETIVI\" AÐE FIA MƆ ƔLETIVIMEFAKALAWO YI YERUSALEM KPLE YESU GBƆ\nŊutsu aɖewo tso Ɣedzeƒe va. Wonye ɣletivimefakalawo, ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ƒe zɔɖeɖe ŋu hegblɔna be yewotea ŋu toa esia dzi ɖea nu si amewo ƒe agbemenudzɔdzɔwo fia la gɔme. (Yesaya 47:13) Esi wole wo de le Ɣedzeƒe la, wokpɔ \"ɣletivi\" aɖe si dze wo ŋgɔ agbadroƒe alafa geɖe yi Yerusalem, ke menye Betlehem o.\nEsi ɣletivimefakalaawo ɖo afi ma la, wobia be: \"Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.\"—Mateo 2:1, 2.\nFia Herodes si le Yerusalem la se nya sia, eye dzidzi ƒoe ŋutɔ. Eya ta eyɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Yuda subɔsubɔhakplɔla bubuwo hebia wo afi si woadzi Kristo la le. Wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo eŋu nɛ be: \"Woadzii le Betlehem.\" (Mateo 2:5; Mika 5:2) Ale Herodes na wokplɔ ɣletivimefakalaawo vɛ nɛ le adzame, eye wògblɔ na wo be: \"Miyi ɖadi ɖevi la nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva ka eta nam ne nye hã mayi aɖade bubu eŋu.\" (Mateo 2:8) Gake le nyateƒe me la, ɖe Herodes di be yeanya afi si ɖevia le ne yeawui!\nEsi ɣletivimefakalaawo dzo la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. \"Ɣletivi\" si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe la dze wo ŋgɔ. Edze ƒãa be menye ɣletivi dzro aɖe koe wònye o, ke boŋ ɖe woɖoe ɖa etɔxɛe be wòafia mɔ wo. Ɣletivimefakalaawo kplɔe ɖo va se ɖe esime wòtɔ ɖe aƒe si me Yosef kple Maria kpakple wo vi suea le la tame tututu.\nEsi ɣletivimefakalaawo ge ɖe aƒea me la, wokpɔ Maria kple via Yesu, ɖevi la. Ale ɣletivimefakalaawo bɔbɔ de bubu eŋu. Eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire nɛ. Emegbe esi wodi be yewoatrɔ ayi Herodes gbɔ la, Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi o. Eya ta woto mɔ bubu dzo yi wo de.\nAme kae nèsusu be eyae na \"ɣletivi\" la fia mɔ ɣletivimefakalaawo? Ðo ŋku edzi be \"ɣletivi\" la mefia mɔ wo yi Yesu gbɔ tẽe le Betlehem o. Ke boŋ ekplɔ wo yi Yerusalem, afi si woke ɖe Fia Herodes, si di be yeawu Yesu la ŋu le. Eye ne ɖe Mawu mede asi nyaa me hexlɔ̃ nu ɣletivimefakalaawo be womegagblɔ afi si Yesu le na Herodes o la, anye ne ewui. Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe futɔ Satana ye di be woawu Yesu, eye wòto mɔnu sia dzi be yeana yeƒe tameɖoɖoa nava eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/%C9%A3letivimefakalawo-va-kp%C9%94-yesu\/","date":"2017-12-17T04:46:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948592972.60\/warc\/CC-MAIN-20171217035328-20171217061328-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995761514,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995761513710022}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME ƒomevi vovovowo kple nu vovovowoe le Spain. Lugblewo, waingblewo kple amitigblewo xɔ Spain dukɔa ƒe akpa geɖe. Atsiaƒu si ƒe kekeme nye kilometa 14 koe tso Spain ƒe anyiehe kple Afrika dome.\nFoiniketɔwo, Helatɔwo kple Carthagetɔwoe ʋu va tsi Europa ƒe anyieheɣetoɖoƒe dukɔ sia me. Esi Romatɔwo va ɖo afi ma le ƒe alafa etɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, wotrɔ ŋkɔ na teƒe sia si woxɔ la be Hispania. Emegbe Visigottɔwo kple Moortɔwoe va nɔ afi ma eye woƒe dekɔnuwoe xɔ teƒea.\nLe nyitsɔ laa ƒe ƒe aɖe me la, ame siwo wu miliɔn 68 ye ɖi tsa yi Spain. Tsaɖilawo dometɔ geɖe yia afi ma le ŋdɔkutsu ƒe ʋuʋu, woƒe ƒuta siwo nya kpɔ, dukɔa ƒe aɖaŋudɔwo, blemanuwo kple ale si woƒe xɔwo nya kpɔe ta. Spaintɔwo ƒe nuɖuɖuwo hã doa dzidzɔ na tsaɖila geɖe. Nuɖuɖu siawo dometɔ aɖewoe nye, bɔlu, fɔlĩ, halã, tadi viviwo, salada, kple amagbe siwo woɖa alo wodzaba kple ami. Spaintɔwo ƒe koklozi tɔtɔe, mɔlu si wotsɔ bɔlu kple nu vovovowo tsaka ɖa kple numeɖenu si woyɔna be tapas nye nuɖuɖu siwo wonya le xexea ƒe afi sia afi.\nSpaintɔwo kɔa mo ɖe ame eye wodoa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe gblɔna be Roma Katolikotɔwoe yewonye gake ʋɛ aɖewo koe dea Misa. Nyitsɔ laa la, ame gbogbo aɖewo tso Afrika, Asia, kple Latin Amerika ʋu va tsi Spain. Edzɔa dzi na wo dometɔ geɖe be yewoaƒo nu tso yewoƒe dzixɔsewo kple dekɔnuwo ŋu. Yehowa Ðasefowo ɖoa dze viviwo kple wo dometɔ geɖe eye wokpe ɖe wo ŋu wosrɔ̃ nu si Biblia fia tso nu geɖewo ŋu.\nLe ƒe 2015 me la, Ðasefo siwo wu 10,500 tsɔ wo ɖokuiwo na faa eye wotu woƒe tadeaguƒe si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata 70 alo dzra wo ɖo. Dɔwɔƒe siwo kpɔa anyigbanyawo gbɔ la na anyigba wo be woatu woƒe tadeaguƒeawo ƒe ɖewo. Esi Yehowa Ðasefowo di be yewoakpe ɖe ame siwo ʋu va tsi dukɔa me ŋu ta la, wowɔa kpekpewo le gbegbɔgblɔ siwo wu 30 me kpe ɖe Spaingbea ŋu. Le ƒe 2016 me la, ame siwo wu 186,000 ye de kpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ tsɔ ɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-spain\/","date":"2017-12-17T14:59:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948596051.82\/warc\/CC-MAIN-20171217132751-20171217154751-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993395805,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993395805358887}","num_words":358,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYADZƆDZƆWO\nWona nunana Andreas Bonk, si nye Yehowa Ðasefo kple via ŋutsu Jorim ɖe ale si wowɔ kalẽ ɖokuitɔmadimaditɔe ta.\nLe September 16, 2014 dzi la, Brandenburg Ŋkuɖodzi Ƒe Habɔbɔa awɔ wɔna vevi aɖe atsɔ aɖo ŋku kufia si wotso na aƒetɔ August Dickmann hewui la ƒe ƒe 75 lia dzi le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔa me. Aƒetɔ August Dickmann ye nye ame gbãtɔ si gbe asrafodɔwɔwɔ ɖe dzitsinya ta eye Nazitɔwo wui le dutoƒo le Xexemeʋa II me.\nYehowa Ðasefo si ŋkɔe nye Richard Rudolph nɔ Nazitɔwo kple Kɔmiunisttɔwo ƒe gaxɔwo me ƒe 19 sɔŋ le eƒe mawudzixɔsewo ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/germany\/","date":"2017-12-17T14:59:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948596051.82\/warc\/CC-MAIN-20171217132751-20171217154751-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986918569,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986918568611145}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.319,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"NYE KPLE FOFO LA MÍELE ÐEKA\"\nYESU GBE NUTSOTSO SI NYE BE YEE NYE MAWU\nYesu va Yerusalem hena Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyuia (alo, Hanukkah) ɖuɖu. Woɖua ŋkekenyui sia tsɔ ɖoa ŋku ɣeyiɣi si me wogagbugbɔ kɔ gbedoxɔa ŋu la dzi. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ la, Siria Fia Antiochus IV Epiphanes tu vɔsamlekpui aɖe ɖe vɔsamlekpui gã si nɔ Mawu ƒe gbedoxɔa me la dzi. Emegbe Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe viŋutsuwo gaxɔ Yerusalem hegbugbɔ kɔ gbedoxɔa ŋu na Yehowa. Tso ema dzi la, woɖua azã ƒe sia ƒe le ɣleti si nye Kislev 25 lia dzi. Ɣleti sia dzea egɔme tso November ƒe domedome va se ɖe December ƒe domedome.\nVuvɔŋɔli ɖo azɔ. Yesu le zɔzɔm le gbedoxɔa ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me. Yudatɔwo va ƒo xlãe le afi sia hebiae be: \"Ɣekaɣi nàna míalala ase ɖo? Ne wòe nye Kristo la, gblɔe na mí faa.\" (Yohanes 10:22-24) Aleke Yesu aɖo eŋu na woe? Egblɔ be: \"Megblɔe na mi, gake miexɔe se o.\" Yesu megblɔe na wo tẽe be yee nye Kristo la abe ale si wògblɔe na Samaria-nyɔnua le vudoa to ene o. (Yohanes 4:25, 26) Gake do ŋgɔ la, ena amewo nya ame si wònye esi wògblɔ be: \"Hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.\"—Yohanes 8:58.\nYesu di be amewo natsɔ dɔ siwo wɔm yele la asɔ kple nu siwo wogblɔ ɖi be Kristo la awɔ, ale be woawo ŋutɔwo naƒo nya ta be yee nye Kristo la. Esia tae wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖewoɣi be womegagblɔ na ame aɖeke be yee nye Mesia la o. Gake fifia ya egblɔ na Yudatɔ mawo siwo tsi tsitre ɖe eŋu la kã be: \"Dɔ siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye. Ke miawo ya miexɔe se o.\"—Yohanes 10:25, 26.\nNu ka tae womexɔe se be Yesu ye nye Kristo la o? Yesu gblɔ be: \"Miawo ya miexɔe se o, elabena menye nye alẽwoe mienye o. Nye alẽwo sea nye gbe, menya wo, eye wodzea yonyeme. Menaa agbe mavɔ wo, womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o, eye ame aɖeke mele wo xɔ ge le asinye sesẽe o. Nu si Fofonye tsɔ nam la xɔ asi wu nu bubuwo katã.\" Eyome Yesu na wonya ale si gbegbe eya kple Fofoa dome le kplikplikpli esi wògblɔ be: \"Nye kple Fofo la míele ɖeka.\" (Yohanes 10:26-30) Yesu nɔ anyigba dzi afi sia, eye Fofoa nɔ dziƒo, eya ta eƒe nyaa mate ŋu afia be eya kple Fofoa wonye ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o. Nu si wòfia boŋue nye be tameɖoɖo ɖekae le wo si eye wowɔa nu aduadu.\nYesu ƒe nyawo ku dzi na Yudatɔwo ale gbegbe be wogafɔ kpewo be yewoaƒui wòaku. Gake esia medo ŋɔdzi na Yesu o. Egblɔ be: \"Mewɔ dɔ nyui geɖe siwo Fofonye de asi nam la fia mi. Dɔ siawo dometɔ ka tae miele kpe ƒu gem ɖo?\" Woɖo eŋu be: \"Menye dɔ nyui wɔwɔ tae míele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busunyagbɔgblɔ ta; elabena . . . èwɔ ɖokuiwò mawui.\" (Yohanes 10:31-33) Esi Yesu megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be mawue yenye o ɖe, ke nu ka tae wotso enu alea?\nNu si tae nye be ŋusẽ siwo Yesu gblɔ be wole ye si la nye esiwo Yudatɔwo susu be Mawu ɖeɖe ko sie wole. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ tso 'alẽawo' ŋu be: \"Menaa agbe mavɔ wo,\" evɔ esia nye nu si amegbetɔwo mate ŋu awɔ o. (Yohanes 10:28) Yudatɔwo ŋe aɖaba ƒu nyateƒe si wònye be Yesu gblɔe le gaglãgbe be ye Fofo gbɔe yexɔ ŋusẽ tsoe la dzi.\nYesu ɖee fia be woƒe nutsotsoa mele eteƒe o esi wòbia wo be: \"Ðe womeŋlɔ ɖe miaƒe Se la me [le Psalmo 82:6] be, 'Mebe: \"Mawuwo mienye\" oa'? Ne eyɔ ame siwo Mawu ƒe nya la bu fɔ la be 'mawuwo,' . . . la, ɖe miele gbɔgblɔm na nye, ame si ŋuti Fofo la kɔ hedɔ ɖe xexea me la be, 'Ègblɔ busunya,' elabena megblɔ be 'Mawu ƒe Vie menyea'?\"—Yohanes 10:34-36.\nƐ̃, Ŋɔŋlɔawo yɔ amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔwo gɔ̃ hã be \"mawuwo.\" Eya ta ɖe Yudatɔ siawo ate ŋu aɖe vodada na Yesu le esi wògblɔ be 'Mawu ƒe Vie menye' ta? Azɔ ehe woƒe susu yi nane si wòle be wòana woakpɔ ame si wònye la adze sii dzi be: \"Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. Ke ne mele wo wɔm la, ekema ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nye dɔwɔwɔawo ya dzi se, ne mianyae, eye miase egɔme be Fofo la wɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kple Fofo la.\"—Yohanes 10:37, 38.\nNya siawo wɔe be Yudatɔwo dze agbagba be yewoalé Yesu, gake egasi. Edzo le Yerusalem eye wòtso Yordan-tɔsisia heyi afi si Yohanes dze amewo nyɔnyrɔ gɔme le anɔ abe ƒe ene kloe nye ema va yi. Edze ƒãa be afi sia medidi tso Galilea-ƒua ƒe anyieheƒuta gbɔ o.\nAmehawo va Yesu gbɔ hegblɔ be: \"Yohanes mewɔ dzesi ɖeka pɛ hã o, gake nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ame sia ŋu la nye nyateƒe.\" (Yohanes 10:41) Ale Yudatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/menye-eyae-nye-mawu-o\/","date":"2017-12-18T11:31:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948615810.90\/warc\/CC-MAIN-20171218102808-20171218124808-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987299442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998729944229126}","num_words":835,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nunana xɔasie agbe nye. Ale si míezãa nunana sia gbe sia gbe ɖea ale si gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋui la fiana. Mí Yehowa Ðasefowo míedzea agbagba zãa míaƒe ŋutetewo kple aɖaŋu siwo le mía si tsɔ dea bubu Yehowa, Agbenala la ŋu eye míekafunɛ. (Ps 36:9; Nyɖ 4:11) Ke hã, xexe vɔ̃ɖi sia me dzimaɖitsitsiwo ate ŋu awɔe be míado kpo gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mr 4:18, 19) Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: 'Ðe mele nye nu nyuitɔwo tsɔm na Yehowaa? (Ho 14:2) Ðe nye dɔ le nu gblẽm le ale si mesubɔa Yehowa ŋua? Nu kae nye nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo? Ðe mate ŋu awɔ geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea?' Ne èkpɔ be ehiã be yeawɔ geɖe la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã. Ðikeke mele eme o be, ne míekafua Yehowa gbe sia gbe la, míaƒe dzi adze eme eye míakpɔ dzidzɔ!—Ps 61:8.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE Zà WÒ ŊUTETE NÀTSƆ ASUBƆ YEHOWA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu ka ta maɖe vi be míazã míaƒe ŋutetewo ɖe Satana ƒe xexea ŋu o? (1Yh 2:17)\nYayra kae ame siwo tsɔa woƒe nu nyuitɔ kekeake naa Yehowa la kpɔna?\nSubɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa kawoe nàtsɔ ɖokuiwò ana be yeazã yeƒe ŋutetewo le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct23-29\/n%C9%94-agbe-w%C3%B2akafu-yehowa\/","date":"2017-12-18T19:40:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948619804.88\/warc\/CC-MAIN-20171218180731-20171218202731-00192.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948431253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9948431253433228}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le míaƒe dukɔwo dome takpekpewo me la, ame siwo tso dukɔ geɖewo me, eye wonye gbegbɔgblɔ vovovo dolawo kple to vovovo me tɔwo kpɔa gome le Biblia me nufiamewo xɔxɔ kple hadede tuameɖowo me kple wo nɔvi Kristotɔwo.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nDukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakaka","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/takpekpe-g%C3%A3wo\/video-kpui-duk%C9%94wo-dome-takpekpe\/","date":"2017-12-11T21:36:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514051.18\/warc\/CC-MAIN-20171211203107-20171211223107-00010.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993808866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999380886554718}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lot kple fofoa nɔvi Abraham wonɔ Kanaan-nyigba dzi. Emegbe lã geɖe va nɔ Abraham kple Lot si ale gbegbe be teƒea megava lolo na wo o. Abraham gblɔ na Lot be: 'Míagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Meɖe kuku tia afi si nàdi be yeayi eye nye hã mayi afi bubu.' Mèkpɔe be Abraham medi eɖokui tɔ oa?\nLot kpɔ anyigba la ƒe akpa siwo nyo si gogo Sodom dua. Afi si tsi geɖe kple gbe damawo le. Eya ta etia afi ma eye wòkplɔ eƒe ƒomea yi teƒe ma, emegbe wova nɔ Sodom dua me.\nSodomtɔwo kple ame siwo le Gomora du si te ɖe Sodom ŋu me la nye ame vɔ̃ɖiwo. Le nyateƒe me la, wovɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa di be yeatsrɔ̃ du mawo. Gake Mawu di be yeakpɔ Lot kple eƒe ƒomea ta, eya ta edɔ mawudɔla eve aɖewo ɖe wo gbɔ be woaxlɔ̃ nu wo be: 'Netsɔ! Mido go le du sia me! Yehowa le dua tsrɔ̃ ge.'\nLot medo go enumake o. Enɔ hehem ɖe megbe. Eya ta mawudɔlaawo lé Lot, srɔ̃a kple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu eye wokplɔ wo do goe kaba le dua me, eye wogblɔ na wo be: 'Netsɔ! Misi ne miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Ne miekpɔ megbe la, miaku!'\nEsi wova ɖo du si nye Zoar me la, Yehowa na dzo kple dzokpe dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi. Wotsrɔ̃ du eve mawo keŋkeŋ. Esi Lot srɔ̃ meɖo to Yehowa o eye wòkpɔ megbe la, etrɔ zu dzekɔ! Gake Lot kple vianyɔnuawo nɔ dedie elabena woɖo to Yehowa. Ate ɖe wo dzi vevie be Lot srɔ̃ meɖo to o. Ke hã dzi dzɔ wo be yewoɖo to Yehowa ƒe mɔfiamewo.\n\"Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.\"—Luka 17:32","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/3\/%C9%96o-%C5%8Bku-lot-sr%C9%94%CC%83-dzi\/","date":"2017-12-15T07:14:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948567042.50\/warc\/CC-MAIN-20171215060102-20171215080102-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999463141,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994631409645081}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Xexe sia le blukɔ tsiɖitsiɖi me;\nWomenya Ma'u ƒe mɔwo o.\nMíehiã mía Mawu gã la ƒe mɔfiame;\nMíate'ŋ fia mɔ mía ɖokui o.\nKpekpeawo naa gbɔdzɔe kple mɔkpɔkpɔ mí,\n'Ye wotua míaƒe xɔse ɖo.\nWoʋãa mí na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ;\nWodoa ŋusẽ mí míedoa dzi.\nMíagblẽ míaƒe kpekpeawo ɖi gbeɖe o;\nMíayi be míaxɔ nufiame.\nKpekpe siawo ana míawɔ nu dzɔdzɔe,\nAli ke le nyateƒea me.\n2. Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo nyuie;\nMíehiã eƒ'aɖaŋuɖoɖo.\nNe míeƒlea ɣeyiɣi dea kpekpeawo la,\nAfia be míeɖoa ŋu ɖe 'ŋu.\nMíetoa nɔviwo ƒe nuxlɔ̃amewo dzi\nSrɔ̃a 'le si míaɖe xɔse fia.\nHaxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu ta,\nMíenya be míetsi'akogo o.\nƐ̃, ɣeyiɣi nyuitɔwo le ŋgɔ gbɔna,\nTa míaƒo ƒu kple nɔviwo,\nBe míasrɔ̃ 'le si míanɔ agbee fifia\nWòadze Yehowa Mawu ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/87-miva-ne-miakp%C9%94-gb%C9%94dz%C9%94e\/","date":"2017-12-11T04:20:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946590066,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946590065956116}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔ̃wò aɖe si nya nu tso Roku dɔwɔnua alo JW Nyakakadɔwɔƒea zazã ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne nyabiasea ku ɖe wò Roku dɔwɔnua alo ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe Roku nyatakakadzraɖoƒea ŋu la, xlẽ Roku-zazã ŋuti mɔfiamewo le internet dzi.Ne èle go dom kuxi aɖe le JW Nyakakadɔwɔƒea zazã me la, kpe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka sia ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/roku\/Nu-Kae-Maw%C9%94-Ne-Nye-Nyabiasea-%C6%91e-%C5%8Au%C9%96o%C9%96o-Meli-O\/","date":"2017-12-12T20:12:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517917.20\/warc\/CC-MAIN-20171212192750-20171212212750-00066.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963225722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963225722312927}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.105,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE DZILA aɖe dzudzɔ Yehowa, Mawu vavã la subɔsubɔ la, esia ate ŋu aɖe fu na via vevie. Na míaƒo nu tso Yotam ŋu. Míasrɔ̃ nu tso kuxi siwo me wòto le aƒe me esime wònɔ tsitsim la ŋu.\nYotam fofo, Uziya, nye fia le Yuda ɣemaɣi. Eyae nye ame si kpɔ ŋusẽ wu le dukɔa me. Hafi woadzi Yotam gɔ̃ hã la, Uziya nye fia nyui ƒe geɖe. Gake emegbe, esime Yotam gakpɔtɔ nye ɖevi la, Uziya va do eɖokui ɖe dzi, eye wòda le Mawu ƒe Sea dzi. Eya ta Mawu na wòdze kpodɔ, si nye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe. Ènya ale si Yotam wɔ nui ɣemaɣia?— *\nYotam yi edzi subɔ Yehowa. Ðewohĩ dadaa Yerusa ye kpe ɖe eŋu. Gake anɔ eme be esi woxe mɔ na Yotam fofo, Uziya, be wòagava Yehowa ƒe me azɔ o la, menɔ bɔbɔe na Yotam be wòayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa o.\nKe ne fofowò alo dawò dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ɖe? Esia aɖe fu na wò ŋutɔ, alo menye nenemae oa?— Gake menye nu gbegblẽe wònye be nàsusu be esia ate ŋu adzɔ o. Nya aɖe si David gblɔ le Biblia me lae na míenya esia.\nDavid fofo, Isai, nye ame nyui. Isai subɔ Yehowa, eye míeka ɖe edzi be David lɔ̃e. Gake David va lɔ̃ Yehowa wu ale si wòlɔ̃ Isai gɔ̃ hã. Na míakpɔ ale si míewɔ nya esia ɖa.\nMíeɖe kuku tsɔ Biblia nàʋu Psalmo 27:10. David ŋlɔ le afi ma be: 'Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la, Yehowa ya axɔm.' Bu nya sia ŋu kpɔ: Le afi sia la, Biblia le gbɔgblɔm be ne David fofo, Isai, alo dadaa dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, David ya ayi edzi asubɔe.\nKe wò ya ɖe? Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa ne fofowò alo dawò ya dzudzɔ esubɔsubɔa?— Esia nye nya nyui aɖe si wòle be nàbia ɖokuiwò. Sedede vevitɔ si le Biblia me la tae biabia sia le vevie ɖo. Seae nye esi: \"Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.\"\nSedede sia fia be ele be nàwɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Ame kae nèsusu be eyae di be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?— Eyae nye Mawu ƒe futɔ Satana Abosam. Yesu yɔe be \"xexe sia dzi ɖula.\" Biblia gblɔ hã be eyae nye \"nuɖoanyi sia ƒe mawu.\" Ðe wòle be míavɔ̃ Satana?—\nAo, mele be míavɔ̃e o. Ke boŋ ele be míaɖo ŋku edzi be ŋusẽ le Yehowa ŋu wu Satana. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpɔ mía ta. Xlẽ nu tso ale si Yehowa kpɔ David ta tso ame dzɔtsu dziŋɔ Goliat si me ŋu le wò Biblia me. Ne wò hã èwɔ nuteƒe na Yehowa la, akpɔ tawò.\nXlẽe le wò biblia me\n^ mm. 4 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/jotham-faithful-despite-troubles\/","date":"2017-12-12T12:51:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948516843.8\/warc\/CC-MAIN-20171212114902-20171212134902-00006.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966225028,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966225028038025}","num_words":489,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 27 va se ɖe July 31, 2016 la le tata sia me.\nNu kae wòle be wòanye wò taɖodzinu? Be nàɖee afia be tɔwò dzɔ, be nàna ame kemɛa nalɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi, alo susu bubu aɖe yea?\nBiabia ene aɖewo ƒe ŋuɖoɖo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ame siwo na Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam.\nNe Biblia mede se le nane ŋu tẽe o la, nu kae nàwɔ?\nŊutsu aɖe si daa loto, yɔa sigareti, mua aha hezãa atike vɔ̃ɖiwo tsã la ɖe asi le nu mawo ŋu hexɔ nyɔnyrɔ, gake eva kpɔe be asiɖeɖe le nu bubu aɖe ya ŋu sesẽ kura wu.\nNu kae ate ŋu awɔe be Mawu ƒe nunana aɖewo nato mía ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-may-2016\/","date":"2017-12-16T16:01:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588251.76\/warc\/CC-MAIN-20171216143011-20171216165011-00224.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985430241,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985430240631104}","num_words":126,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu. . . . Eye wòku ɖe wo katã ta, ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta.\"—2 Korintotɔwo 5:14, 15.\nELE be nunana vevi aɖe si wona mí naʋã mí míada akpe. Yesu te gbe ɖe esia dzi esi wòda dɔ na ŋutsu ewo siwo ŋu dɔléle vɔ̃ɖi si wometea ŋu dana ɣemaɣi o le. Ŋutsu ewoawo dometɔ ɖeka 'trɔ va hele Mawu kafum lélele.' Yesu bia be: \"Menye ame ewoawo katã ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe?\" (Luka 17:12-17) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ate ŋu adzɔ be míaŋlɔ nu si ame aɖe wɔ na mi la be kaba!\nTafe la xɔ asi wu nunana ɖe sia ɖe. Eyae nye nunana gãtɔ kekeake si wona kpɔ. Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe nu si Mawu wɔ na wò la ŋu?\nNya Ame si na nua wò. Tafea mana míakpɔ agbe mavɔ agbagba aɖeke madzemadzee o. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me na Mawu be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3) Ne ame aɖe gblɔ na wò be ŋutsu aɖe xɔ wò ɖe agbe le wò ɖevime la, ɖe màdi be yeanya nu geɖe tso ame ma ŋu kple susu si ta wòxɔ na wò ɖo oa? Menye ɖeko Yehowa Mawu, ame si na tafea be wòaxɔ mí ɖe agbe la di be nànya ame si yenye ko evɔ o, ke boŋ edi be ye kpli wò dome nanɔ kplikplikpli. Biblia de dzi ƒo na mí be: \"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.\"—Yakobo 4:8.\nXɔ tafea dzi se. \"Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi.\" (Yohanes 3:36) Nu kae wòfia be woaxɔ nane dzi ase? Ehiã be nàɖe afɔ aɖewo; eya ta be nàɖee afia be yexɔ tafea dzi se la ele be wòadze le wò nuwɔnawo me. (Yakobo 2:17) Nuwɔna kawo? Hafi nunana aɖe nazu tɔwò la, ele be nàlɔ̃ axɔe. Eya ta ele be nàlɔ̃ axɔ tafea. Le mɔ ka nu? Srɔ̃ ale si Mawu di be nànɔ agbee, eye nàwɔe nenema. * Do gbe ɖa na Mawu be wòatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò eye dzitsinya nyui nasu asiwò. Te ɖe Mawu ŋu kple kakaɖedzi be tafea ana etsɔme si me ŋutifafa, dedienɔnɔ kple nudzedziname le la asu ame siwo katã ɖea xɔse fiana la si!—Hebritɔwo 11:1.\nDe Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Yesu ɖo wɔna aɖe anyi be woatsɔ anɔ ŋku ɖom tafea dzi ƒe sia ƒe. Egblɔ tso wɔnaa ŋu be: \"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\" (Luka 22:19) Yehowa Ðasefowo aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi le Braɖa, April 11, 2017 le ɣeɖoto megbe. Wɔnaa axɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene eye woaƒo nuƒo si aɖe nu si ta Yesu ƒe kua le vevie kple vi siwo wòaɖe na mí fifia kple etsɔme la me. Le ƒe si va yi me la, ame siwo ade miliɔn 20 ye de Ŋkuɖodzia le xexea me godoo. Míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí ne míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201703\/w%C9%94-nu-tafe-la-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-13T20:03:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948530668.28\/warc\/CC-MAIN-20171213182224-20171213202224-00242.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980068803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980068802833557}","num_words":524,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Aleke Yesu ƒe agbe dze egɔmee?\nTo vovo na amegbetɔwo katã la, Yesu nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo hafi wova dzii ɖe anyigba dzi. (Yohanes 8:23) Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye ekpe asi ɖe Mawu ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Eya ɖeka koe Yehowa ŋutɔ wɔ tẽe, eya tae woyɔe be Mawu ƒe \"Tenuvi\" ɖo. (Yohanes 1:14) Yesu wɔ dɔ abe Mawu ƒe Nyanuɖela ene, eya ta wogayɔe be \"Nya la.\"\n2. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?\nMawu dɔ Via tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi to eƒe agbe tsɔtsɔ de Yuda ɖetugbui nɔaƒe, si ŋkɔe nye Maria, ƒe vidzidɔ me me. Eya ta fofo si nye amegbetɔ menɔ Yesu si o. (Luka 1:30-35) Susu siwo ta Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be (1) wòafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la mí, (2) wòaɖo kpɔɖeŋu na mí le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã, eye (3) wòatsɔ eƒe agbe deblibo la ana wòanye \"tafe.\"\n3. Nu ka tae míehiã na tafe?\nTafe nye fe si woxe be woana ablɔɖe ame aɖe si ƒe agbe ɖo afɔku me. (2 Mose 21:29, 30) Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo naku alo atsi aku amegã o. Aleke míewɔ nya? Mawu gblɔ na ame gbãtɔ Adam be ne ewɔ nu si Biblia yɔ be \"nu vɔ̃\" la, aku. Ne ɖe Adam mewɔ nu vɔ̃ o la, anye ne maku akpɔ o. (1 Mose 2:16, 17; 5:5) Biblia gblɔ be ku \"ge ɖe\" xexea me to Adam dzi. Eya ta nu si Adam gblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwoe nye nu vɔ̃ kple emetsonu si nye ku. Esia tae míehiã na tafe si aɖe mí tso ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la si me.\nAme kae ate ŋu axe tafe, si aɖe mí tso ku si me? Ne míeku la, míexea míawo ŋutɔwo míaƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ko ŋuti fe. Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu axe fe ɖe ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta o.\n4. Nu ka tae Yesu ku?\nYesu mele abe míawo ene o, ke boŋ enye ame deblibo. Eya ta mehiã be wòaku ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o—mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Ke boŋ ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo tae Yesu ku ɖo. Le lɔlɔ̃ gã si le Mawu si na ameƒomea ta la, edɔ Via ɖa be wòava ku ɖe mía ta. Yesu hã ɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòɖo to Fofoa, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.\n5. Nu ka wɔmee Yesu le fifia?\nEsi Yesu nɔ anyigba dzi la, eda dɔ na dɔnɔwo, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye wòxɔ na ame siwo nɔ fu kpem la. Eto esia me ɖe nu si wòava wɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo la fia. (Mateo 15:30, 31; Yohanes 5:28) Esi Yesu ku la, Mawu gbɔ agbee wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ. (1 Petro 3:18) Esia megbe la, Yesu lala le Mawu ƒe ɖusime va se ɖe esime Yehowa na ŋusẽe be wòazu Fia aɖu anyigba bliboa dzi. (Hebritɔwo 10:12, 13) Fifia Yesu zu Fia le dzi ɖum le dziƒo, eye eyomedzela siwo le anyigba dzi la le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo.\nMadidi o, Fia Yesu azã eƒe ŋusẽ atsɔ aɖe fukpekpe kple ame siwo katã nana amewo kpea fu la ɖa. Ame siwo katã xɔ Yesu dzi se, eye woɖoa toe la ase vivi le paradiso me le anyigba dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/ame-kae-nye-yesu-kristo\/","date":"2017-12-18T05:29:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948608836.84\/warc\/CC-MAIN-20171218044514-20171218070514-00260.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980834723,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980834722518921}","num_words":551,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mítsɔe be míele Yerixo-dua me. Du sia nɔ Kanaan-nyigba dzi. Kanaantɔwo mexɔ Yehowa dzi se o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Raxab nɔ du ma me.\nEsime Raxab nye ɖevi la, ese nya geɖe tso ale si Mose ma Ƒudzĩa me eye wòkplɔ Israel-viwo dzo le Egipte la ŋu. Esee hã be Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo dzi. Fifia ese be Israel-viwo va ƒo ƒu ɖe teƒe aɖe si gogo Yerixo!\nRaxab tsɔ ŋkutsalawo ɣla elabena exɔ Yehowa dzi se\nGbe ɖeka fiẽ la, Israel-ŋutsu eve yi Yerixo be yewoatsa ŋku le dua me. Wova Raxab ƒe aƒe me. Raxab xɔ wo eye womlɔ afi ma. Le zã me la, Yerixo-fia se be ame aɖewo va be yewoatsa ŋku le dua me eye wole Raxab ƒe aƒe me. Eya ta fia la dɔ amewo be woalé wo vɛ. Raxab tsɔ ŋkutsala eveawo ɣla ɖe eƒe xɔ ta eye wògblɔ na ŋutsu siwo fia la dɔ la be: 'Ŋutsuawo va gbɔnye ya, gake wodzo le dua me xoxo. Ne mieɖe abla la, miate ŋu alé wo!' Ènya nu si tae Raxab tsɔ ŋkutsalawo ɣla ɖoa?— Elabe exɔ Yehowa dzi se eye wònya be Yehowa atsɔ Kanaan-nyigbaa na Israel-viwo.\nHafi ŋkutsalaawo nadzo le Raxab gbɔ la, wogblɔ nɛ be ne yewova wu Yerixotɔwo la, eya kple eƒe ƒomea atsi agbe. Ènya nu si wogblɔ nɛ be newɔa?— Wogblɔ nɛ be: 'Tsɔ ka dzĩ sia sa ɖe wò fesre ŋu. Ne èwɔ esia la, ame sia ame si le wò aƒe me la atsi agbe.' Raxab wɔ pɛpɛpɛ abe ale si ŋkutsalaawo gblɔ nɛ ene. Ènya nu si va dzɔa?—\nLe ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Israel-viwo va zɔ ƒo xlã Yerixo-dua gake womenɔ nu ƒom o. Wozɔ ƒo xlã dua ŋkeke ade sɔŋ, wozɔna ƒoa xlãe zi ɖeka gbe ɖeka. Gake le ŋkeke adrea gbe la, wozɔ ƒo xlã dua zi adre sɔŋ. Eye wo katã wodo ɣli sesĩe zi ɖeka. Yehowa na Yerixo-glia mu gbloo. Gake aƒe si ƒe fesre ŋu ka dzĩa le ya memu o! Àte ŋu akpɔ esia le nɔnɔmetataa mea?— Raxab kple eƒe ƒomea tsi agbe!\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Raxab gbɔ?— Raxab xɔ Yehowa dzi se elabena ese nu wɔnuku siwo katã Yehowa wɔ la. Wò hã èle nu geɖe srɔ̃m tso nu wɔnuku gbogbo siwo Yehowa wɔ la ŋu. Èxɔ Yehowa dzi se abe ale si Raxab xɔ edzi se enea?— Míenya be èxɔ edzi se!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/raxab-x%C9%94-yehowa-dzi-se\/","date":"2017-12-13T11:23:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522999.27\/warc\/CC-MAIN-20171213104259-20171213124259-00550.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998744905,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987449049949646}","num_words":406,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Yesaya tsɔ eɖokui na faa la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe wòle be míasrɔ̃. Eɖe xɔse fia helɔ̃ be yeawɔ dɔ vevi aɖe enumake togbɔ be menya nu siwo katã dɔa abia o hã. (Yes 6:8) Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu be nàsubɔ le teƒe si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu lea? (Ps 110:3) Gake ehiã be nàbu eŋu \"kɔnta gbã\" hafi aɖe afɔ sia. (Lk 14:27, 28) Ke hã, lɔ̃ faa nàtsɔ nuwo asa vɔe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ta. (Mt 8:20; Mr 10:28-30) Abe ale si wòdze le video si nye Ʋuʋu Yi Afi Si Hiahiã Lolo Wu Le, me ene la, yayra siwo míekpɔna le Yehowa subɔsubɔ me ƒo nu siwo míetsɔna saa vɔe la ta sãsãsã.\nNE MIEKPƆ VIDEOA VƆ LA, TAFLATSƐ MIÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu kawoe Williams ƒomea tsɔ sa vɔe be yewoasubɔ le Ecuador?\nNu kawo ŋue wobu esi wonɔ afi si woasubɔ le la tiam?\nAleke Mawu yra woe?\nAleke nàwɔ anya afi si hiahiã geɖe wu le?\nLE ƑOMETADEDEAGU SI MIAGAWƆ ME LA, MIDZRO BIABIA SIAWO ME:\nAbe ƒome ene la, aleke miate ŋu akeke miaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enui? (km 8\/11 4-6)\nNe míate ŋu aʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le o la, mɔ kawo nue míate ŋu akpe ɖe míaƒe hamea ŋu le? (w16.03 3-5)","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec12-18\/nyee-nye-esi-d%C9%94m\/","date":"2017-12-16T17:48:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588294.67\/warc\/CC-MAIN-20171216162441-20171216184441-00604.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984140992,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984140992164612}","num_words":210,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 24 va se ɖe November 27, 2016 la le tata sia me.\nAleke Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo hedea dzi ƒo na wo egbea? Aleke wò hã nàwɔe?\nMawu ƒe amewo toa nɔnɔme sesẽ geɖewo me esi wole agbagba dzem be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Gake woate ŋu aɖu dzi!\nNu kae nye \"Mawu ƒe nya\" si ŋu Hebritɔwo 4:12 gblɔ le be ele \"agbe, eye ŋusẽ le eŋu\"?\nMíate ŋu asrɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Paulo si le eŋɔli me ʋɔnudrɔ̃nyawo me la me.\nŊɔŋlɔawo ate ŋu afia mɔ mí le esia ŋu.\nÐasefo siwo le Poland kple Fiji wɔ nu si me nunya le.\nÐe amewo ƒoa nya ɖe nuwò be nàxɔ amedzɔtsokeseme dzi se, ke menye be Wɔla aɖee wɔ nuwo oa? Ne ele alea la, ke nyatakaka sia aɖe vi na wò.\nÐe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be yemate ŋui oa? Kpɔ nu ene siwo nàwɔ be nàkpɔ dzidzedze.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-september-2016\/","date":"2017-12-15T16:25:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948575124.51\/warc\/CC-MAIN-20171215153355-20171215175355-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984895587,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984895586967468}","num_words":160,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.\nItaly\nCongregazione Cristiana Dei Testimoni di Geova\nVia della Bufalotta 1281\nI-00138 ROME RM\nITALY\n+39 06-872941\nTsaɖiɖi\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ga 10 miniti 30 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 3 miniti 30\nTsaɖiɖia axɔ gaƒoƒo 1\nNu Ðedzesiwo\nMíeɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Italygbe kple Italy Tokunɔgbe me. Míewɔa odiowo kple videowo hã. Míekpɔa hame kple ƒuƒoƒo siwo wu 3,000 siwo le Italy kple dukɔ bubuwo me la ƒe dɔwo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/italy\/","date":"2017-12-13T10:23:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522343.41\/warc\/CC-MAIN-20171213084839-20171213104839-00494.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995581508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99955815076828}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔfiame Na Dzilawo: Miaƒe ƒomea nazã dɔdeasi siawo atsɔ asrɔ̃ Biblia ɖekae.\nDɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nFia viwòwo nu si koŋ nana dzi nɔa ame ƒo.\nMɔfiame sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo ale si woawɔ ase vivi na Yehowa subɔsubɔ.\nZã agbalẽvi sia nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa zãa gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ doa ŋusẽ mí la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/hena-%C6%92ometadedeagu\/x%C9%94l%C9%94%CC%83-w%C9%94nute%C6%92e-rut-naomi\/","date":"2017-12-16T23:18:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948589512.63\/warc\/CC-MAIN-20171216220904-20171217002904-00312.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984847903,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984847903251648}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.121,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na ame (vampire), ame siwo wobe wotrɔna zua amegãxiwo (werewolves) kple ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo (zombie)—trɔ̃ƒoƒo kple gbɔgbɔ vɔ̃ nyanya le ame me va bɔ.\"—The Wall Street Journal.\nŊUTSU tsitsi kple ɖekakpui siwo nye adzetɔwo, nyɔnu adzetɔwo kple vampaya siwo nya kpɔ nye vivimeŋusẽwo ƒe nuwɔna siwo va bɔ ɖe agbalẽwo, videowo kple videofefe siwo adzɔhawo wɔna me. Nu kae na amewo doa vivi ɖe wo ŋu? *\nAƒetɔ Claude Fischer si nye hadomeŋutinunya ƒe nufialagã ŋlɔ bena: \"Tsã la Amerikatɔ 1 le 10 mee xɔe se be ŋɔliwo li, gake fifia ame 1 le 3 mee xɔe se, si fia be dzixɔse sia le ta kekem. Le Amerika la, ɖevi siwo be yewokaa afa, yewoxɔ ŋɔliwo dzi se eye yewoxɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔa aƒewo le amewo si la sɔ gbɔ wu ame tsitsiwo zi gbɔ zi eve.\"\nMewɔ nuku o be ale si amewo xɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo gena ɖe amewo me tsã la gatrɔ gbɔ ŋɔdzitɔe. Michael Calia ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Wall Street Journal me be: \"Nu si ta gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze va le dzidzedze kpɔm le dukɔ geɖe me la tso ale si amewo va le dzidzɔ kpɔm ɖe Zombie, werewolf kple vampayawo ŋu gbɔ.\"\nNyatakaka aɖe gblɔ be: \"Le xexea me godoo la, ame 25 va ɖo 50 le alafa me ye xɔ ŋɔliwo dzi se eye woƒoa nu tso wo ŋu le agbalẽwo me le dukɔ geɖe me.\" Numekuku si hadomeŋutinunya ƒe nufialagã Christopher Bader kple Carson Mencken wɔ le Amerika ɖee fia be \"Amerikatɔ 70 va ɖo 80 le alafa mee xɔ gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖe dzi se.\"\nÐe gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔyɔyɔ me nye fefe dzroa?\n^ mm. 4 Vivimeŋusẽwo: Enye nane si me \"dzɔdzɔmeŋutinunyalawo alo dzɔdzɔmesewo metea ŋu ɖena o.\"—Merriam-Webster's Learner's Dictionary.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/Amewo-vivi-dom-%C9%96e-vivime%C5%8Bus%E1%BA%BDwo-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-14T10:38:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948543611.44\/warc\/CC-MAIN-20171214093947-20171214113947-00112.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992157817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992157816886902}","num_words":300,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nye Yehowa Xɔlɔ̃ Videowo Videowo Hadzidziwo Hadzidziwo Dɔdeasiwo Dɔdeasiwo Hadzidzi 132—Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha Aleke Yehowa ɖe eƒe amewo le Ƒudzĩa nu? Taflatsɛ, media player mete ŋu ʋui o. Wɔ Video Sia Ƒe Kɔpi Kpɔ Esia Hã NYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO Milé Psalmo 83:19 Ðe Susu Me Nu ka tae Yehowae nye 'Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi'?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/hadzidziwo\/132-a%CA%8Badzi%C9%96u%C9%96u-%C6%92e-ha\/","date":"2017-12-14T10:42:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948543611.44\/warc\/CC-MAIN-20171214093947-20171214113947-00112.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964962006,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964962005615234}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alex ɖe hũu esi wògakɔ aɖakago bubu le ʋu gã si woƒe dɔwɔƒea tsɔ fɔa agba na amewo la me, eye wòbia eɖokui be, 'Kluvidɔ sia dzi ko nye ya manɔ ɖaa? Ɣekaɣie nye asi ava su dɔ gbagbe aɖe dzi? Ne wòanye be nyemagawɔ dɔ aɖeke le nye agbe me o la, anyo ŋutɔ.'\nAbe Alex ene la, ame geɖe megakpɔa dzidzɔ ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu egbea o. Aaron, si nye gbede la gblɔ be: \"Ame geɖe gblɔna be yewomate ŋu awɔ dɔ siwo amewo buna dɔ 'tsɛ' la o. Eye nya si wogblɔna koe nye be: 'Xɔɖeasi koe dɔ sia nye nam va se ɖe esime makpɔ dɔ nyui aɖe.'\"\nNu ka tae ame geɖe melɔ̃a dɔ sesẽ wɔwɔ o? Ðewohĩ nya siwo wosena le nyakakamɔnuwo dzi tae, elabena wonana amewo susuna be agbe \"vavã\" ye nye be kesinɔnu geɖe nasu ame si eye wòaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Matthew, si nye aƒemenuwo dzraɖola gblɔ be: \"Amewo susuna be ne dɔ sesẽ koe nàwɔ hafi akpɔ gbe sia gbe bolo la, efia be mèkpɔ dzidzedze le agbe me o.\" Shane, si nye aƒemedzraɖola hã lɔ̃ ɖe edzi be nenemae amewo susuna. Egblɔ be: \"Ame aɖeke megadina be yeawɔ dɔ ŋkeke bliboa katã ahaxɔ fetu si dze nɛ o.\"\nGake ame bubu siwo nu dze edzi na la lɔ̃a dɔ sesẽ wɔwɔ. Xɔtudɔwɔla si ŋkɔe nye Daniel, si xɔ ƒe 25 la, gblɔ be: \"Mexɔe se be viɖe geɖe le dɔ sesẽ wɔwɔ me, vevietɔ ne taɖodzinu nyui aɖe tae wole ewɔm ɖo.\" Andre, si xɔ ƒe 23 hã da asi ɖe edzi. Egblɔ be: \"Mexɔe se be vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ kpakple dɔwɔwɔe zɔna. Menye dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mɔe kuviawɔwɔ alo dɔmawɔmawɔ nye o, ɖeko wònana agbea va tsia ame mlɔeba!\"\nAleke ame siwo le abe Daniel kple Andre ene la wɔ hafi dɔ sesẽ wɔwɔ va doa dzidzɔ na wo? Ne míagblɔe kpuie ko la, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe kpe ɖe wo ŋu. Biblia meka fu kuviawɔwɔ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be kutrikuku kple veviedodo nyo. Ke hã menye ɖeko Biblia gblɔ be ele be míawɔ dɔ ko evɔ o, ke efia ale si míawɔ ase vivi na dɔ hã mí.\nBiblia ƒe mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse vivi na dɔ? Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ enu tso wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150201\/f%C9%94l%C3%A9le-%C9%96e-d%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-13T14:46:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948527279.33\/warc\/CC-MAIN-20171213143307-20171213163307-00130.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990609288,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990609288215637}","num_words":397,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abe ale si nènyae ene la, alakpadada fia be nàgblɔ nya aɖe si nènya be menye nyateƒe o. Èda alakpa kpɔa?— * Ame tsitsi aɖewo siwo lɔ̃ Mawu la gɔ̃ hã da alakpa kpɔ. Ðewohĩ ènya nu tso ame aɖe ŋu le Biblia me si da alakpa kpɔ. Eƒe ŋkɔe nye Petro; enye Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka. Na míadzro ŋutinya si ku ɖe nu si tae wòda alakpa ɖo la me kpɔ.\nEsi amewo va lé Yesu la, wokplɔe yi nunɔlagã la ƒe aƒe me. Ɣemaɣi la, eƒo zã ga wuieve to eŋu xoxo. Petro ge ɖe nunɔlagãa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu, ke ame aɖeke mekpɔe dze sii o. Dzo si wodo ɖe aƒea me wòna teƒea kɔ la na nunɔlagãa ƒe dɔlanyɔnuvi si ɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme la kpɔe dze sii. Dɔlanyɔnuvia gblɔ nɛ be: 'Wò hã ènɔ Yesu ŋu!' Vɔvɔ̃ ɖo Petro wògblɔ be yemenɔ Yesu ŋu o.\nBiblia la gblɔ be emegbe la, \"nyɔnuvi bubu kpɔe\" eye wògblɔ be: 'Ŋutsu sia nɔ Yesu ŋu.' Petro gagblɔ ake be menye nyateƒee o. Esia megbe kpuie la, ame bubuwo te ɖe Petro ŋu hegblɔ nɛ be: \"Nyateƒee, wo dometɔ ɖekae wò hã nènye.\"\nPetro nɔ vɔvɔ̃m. Eya ta eda alakpa zi etɔ̃lia gblɔ be: \"Nyemenya ŋutsu ma o!\" Kasia koklo ku atɔ. Yesu trɔ kpɔ Petro, eye Petro ɖo ŋku edzi be Yesu gblɔ na ye gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ be: \"Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.\" Petro fa avi vevie. Evee ŋutɔ!\nÐe nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe dziwòa?— Tsɔe be èle suku eye nèsee sukuviwo le nu ƒom tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Womedoa gbe na aflaga o.\" Ame bubu gblɔ be: \"Womewɔa aʋa ɖe woƒe dukɔa ta o.\" Eye bubu hã gblɔ be: \"Menye Kristotɔwoe wonye o, elabena womeɖua Kristmas o.\" Kasia wo dometɔ ɖeka trɔ ɖe ŋuwò hebia wò be: \"Wò hã menye Yehowa Ðasefoe nènye oa?\" Nya kae nàgblɔ?—\nHafi nu sia tɔgbi nadzɔ ɖe dziwò la, ele be nàdzra ɖo nyuie be nàte ŋu aɖo nya ŋu nyuie. Petro menɔ dzadzraɖoɖi o. Esia ta esi wotsɔ nyaa tui la, eda alakpa! Ke hã ese veve le nu si wòwɔ la ta vevie, eye Mawu tsɔe kee.\nAnania, si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka la hã da alakpa. Gake Mawu metsɔe kee o, eye metsɔe ke srɔ̃a Safira hã o. Woa kple srɔ̃aŋutsua woɖoe koŋ be yewoada alakpa. Na míakpɔ nu si tae Mawu metsɔe ke Anania kple Safira o ɖa.\nEsi Yesu dzo le eƒe apostolowo gbɔ yi dziƒo le Mawu gbɔ ŋkeke ewo megbe la, ame 3,000 xɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔwo le Yerusalem. Ame geɖe tso didiƒewo va be yewoaɖu Pentekoste-ŋkekenyuia, eye esi wozu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo megbe la, wodi be yewoaganɔ dua me vie be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso yewoƒe xɔse yeyea ŋu. Eya ta Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo zã woawo ŋutɔwo ƒe ga tsɔ kpɔ wo dzi.\nAnania kple srɔ̃a dzra woƒe nunɔamesi aɖe be yewoatsɔ gaa akpe ɖe Kristotɔ yeyeawo ŋu. Esi Anania tsɔ gaa vɛ na apostoloawo la, egblɔ be ga si yewokpɔ tso nua dzadzra me la katãe nye ema. Gake menye nyateƒee o! Eɖe gaa ƒe ɖe le eme na eɖokui! Mawu na Petro nya esia, eya ta Petro gblɔ na Anania be: \"Menye amewoe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.\" Enumake, Anania dze anyi ku! Gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, srɔ̃a hã va. Gake esi menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃aŋutsua dzi o ta la, eya hã da alakpa eye wòdze anyi ku.\nNufiame vevi aɖe le ŋutinya sia me na mí. Ele vevie be míato nyateƒe! Ɛ̃, ele be mí katã míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ sia me! Ke hã mí katã míedaa vo, vevietɔ ne míenye ɖeviwo. Ðe medzɔ dzi na wò be Yehowa lɔ̃ wò eye atsɔe ake wò abe ale si wòtsɔe ke Petro ene oa?— Gake ɖo ŋku edzi be, ele be míato nyateƒe. Ne míeda alakpa la, enye vodada gã, eya ta ele be míaɖe kuku na Mawu vevie be wòatsɔe ake mí. Anye nu mae Petro wɔ, eye wotsɔe kee. Ne míedze agbagba vevie be míagada alakpa azɔ o la, Mawu atsɔe ake míawo hã!\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130301\/nu-si-ta-n%C3%A0to-nyate%C6%92e\/","date":"2017-12-12T05:38:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948515165.6\/warc\/CC-MAIN-20171212041010-20171212061010-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975821376,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975821375846863}","num_words":731,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu de ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe vɔ megbe la, wode Yohanes Amenyrɔɖetsimela gaxɔ me ɣeyiɣi aɖee nye esia. Yohanes di be yeƒe nusrɔ̃lawo nazu Yesu yomedzelawo, gake togbɔ be ɣleti aɖewoe nye ema tso esime wode Yohanes gaxɔ me hã la, menye wo katãe zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo o.\nAzɔ esi ƒe 31 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia le ɖoɖom la, Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo va Yesu gbɔ va biae be: \"Nu ka tae míawo kple Farisitɔwo míetsia nu dɔna, evɔ wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?\" (Mateo 9:14) Farisitɔwo tsia nu dɔna wònyea subɔsubɔkɔnu. Emegbe Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe gɔ̃ hã, si me Farisitɔ aɖe si bua eɖokui ame dzɔdzɔe la do gbe ɖa le be: \"Oo Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo . . . ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me.\" (Luka 18:11, 12) Ðewohĩ Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo hã tsia nu dɔna wònyea subɔsubɔkɔnu. Alo anye be wonɔ nu tsim dɔ be yewoatsɔ afa konyi ɖe Yohanes ƒe gamenɔnɔ ta. Ame bubu siwo de dzesi esia la menya nu si tae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o. Ðewohĩ wonɔ mɔ kpɔm be woawo hã naxa nu ɖe nu si dzɔ ɖe Yohanes dzi la ta.\nYesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖo nyaa ŋu ale: \"Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo afa konyi ŋkeke ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔa? Ke ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la adzoe le wo gbɔ, ekema woatsi nu adɔ.\"—Mateo 9:15.\nYohanes ŋutɔ yɔ Yesu be ŋugbetɔsrɔ̃. (Yohanes 3:28, 29) Eya ta esime Yesu li la, eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o. Ne Yesu va ku emegbe la, eƒe nusrɔ̃lawo afa konyi eye nuɖuɖu madzro wo o. Gake ne wofɔe ɖe tsitre la, maganɔ nenema o. Eya ta susu aɖeke maganɔ anyi si tae woafa konyi ahatsi nu adɔ o.\nEyome Yesu wɔ kpɔɖeŋu eve siawo be: \"Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; elabena avɔnuɖeɖi yeyea aho ɖa, eye teƒe vuvua alolo wu tsãtɔ. Eye womekɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxowo me o. Ne wowɔe nenema la, ekema lãgbalẽgoloawo awó, eye wain la aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo hã dome agblẽ. Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo yeyewo me.\" (Mateo 9:16, 17) Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe?\nYesu nɔ kpekpem ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ƒe nusrɔ̃lawo ŋu be woase egɔme be mele be ame aɖeke nakpɔ mɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nanɔ agbe ɖe Yuda subɔsubɔ ƒe blemakɔnuwo abe nutsitsidɔ ene nu o. Menye ɖe wòva be yeaɖɔ tadedeagu ƒe nuɖoanyi xoxo si woaɖe ɖa kpuie la ɖo alo be yeana wòanɔ anyi adidi o. Tadedeagu si dom Yesu le ɖe ŋgɔ la to vovo na Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ si nɔ anyi ɣemaɣi si me amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo le. Ɛ̃, Yesu meva be yeatsɔ avɔ yeye aka avɔ xoxo alo akɔ wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo si lia tsakpaa la me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/nusr%C9%94%CC%83lawo-metsi-nu-d%C9%94-o\/","date":"2017-12-18T07:43:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948609934.85\/warc\/CC-MAIN-20171218063927-20171218085927-00730.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985249639,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985249638557434}","num_words":474,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afi kae nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzɔ tso?\nLe dzɔdzɔme nu la, amewo dina be yewoanɔ ŋutifafa me, yewoaɖi anukware, eye yewoanyo dɔme na ame bubuwo. Gake nu ka tae míekpɔa ŋutasẽnuwɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple anyrawɔwɔ teƒe zi geɖe? Nyadzɔdzɔ dziŋɔwo va bɔ fiafia wu tsã. Ðe ame aɖe le agbagba dzem be yeana amewo nawɔ nu baɖawoa?—Xlẽ 1 Yohanes 5:19.\nÐe Mawu wɔ amegbetɔwo hede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi wo mea? Ao, ke boŋ ɖe Yehowa Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, si fia be, ede didia wo me be woasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃. (1 Mose 1:27; Hiob 34:10) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu de bubu hã amegbetɔwo ŋu esi wòna tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo. Esime mía dzila gbãtɔwo tiae be yewoawɔ nu baɖa la, efia be wogbe Mawu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ eye wozu ame madeblibowo. Eya ta woawo gbɔe míenyi nu vɔ̃ wɔwɔ dome tso.—Xlẽ 5 Mose 32:4, 5.\nÐe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didia anɔ mía me ɖaa?\nMawu di be míaɖu nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe didi siwo le mía me la dzi. (Lododowo 27:11) Eya ta efiaa ale si míawɔ aƒo asa na nu vɔ̃ wɔwɔ kple ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la mí. Gake fifia la, míate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃ bliboe o.—Xlẽ Psalmo 32:8.\nTogbɔ be vɔ̃ɖiwɔwɔ le agbɔ sɔm ɖe edzi fifia hã la, Mawu ɖe asi le eŋu hena ɣeyiɣi aɖe be ame sia ame nade dzesi nu gbegblẽ siwo dona tso eme. (2 Petro 3:7-9) Gake eteƒe madidi o, anyigba dzi ayɔ kple amegbetɔ siwo wɔa Mawu ƒe se dzi eye woanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee.—Xlẽ Psalmo 37:9-11.\nÀkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org\/ee","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150701\/v%C9%94%CC%83%C9%96i\/","date":"2017-12-18T07:58:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948609934.85\/warc\/CC-MAIN-20171218063927-20171218085927-00730.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959561229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959561228752136}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒomewo le kuxi geɖewo me tom, gake Biblia me nunya si nu meyina o la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe wo nu dzidzedzetɔe ahakpɔ dzidzɔ.\nAfrika\nXexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be, ele be vidada nadze nonana via gɔme le gaƒoƒo si me wònya dzi ɖevia teti ko, eye wòayi edzi anɔ eya ko nam ɖevia va se ɖe esime wòaxɔ ɣleti ade. Togbɔ be woɖo aɖaŋu sia hã la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe alɔdze si le Ɣedzeƒe kple Anyiehe Afrika si ɖoa aɖaŋu tsoa nuɖuɖu nyui ŋu la gblɔ be, boblododo siwo me wokaa aʋatso le gblɔna be \"ɖeviwo ƒe nuɖuɖuwo nyo pɛ abe notsia ke ene la hã bɔ ŋutɔ.\"\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, Ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.\"—Lododowo 14:15.\nCanada\nNumekula siwo le dugã si nye Montreal me va de dzesii be ele bɔbɔe be, dzila siwo ƒe nya me sẽ, siwo dea se kpaɖiiwo eye womeɖea lɔlɔ̃ boo aɖeke fiaa wo viwo o la, ƒe vi 30 le alafa me la nava zu ame lolowo wu dzila siwo dana sɔna, eye wohea wo viwo le lɔlɔ̃ me.\nÈNYAA? Wogblɔ ɖeviwo hehe ƒe mɔnu si ɖea vi la ŋu nya le Biblia me ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ.—Kolosetɔwo 3:21.\nNetherlands\nEsi woku nu me tso Netherlandstɔwo ƒe ƒomewo ŋu la, wova kpɔe be ƒome siwo me dzila evea sia wɔa dɔ le, eye womeɖea mɔ dɔa xɔa ɣeyiɣi si woazã ɖe woƒe ƒomea ŋu la le wo si o la, tea ŋu ɖoa dze kple wo viwo nyuie wu dzila siwo ɖea mɔ woƒe dɔa xɔa ɣeyiɣi siwo wòle be woazã ɖe woƒe ƒomea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dɔwɔƒe ƒe nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ le aƒe me to telefon dzi la ate ŋu awɔe be dzilawo makpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu nyuie ale si dze o.\nBU NYA SIA ŊU: \"Ɣeyiɣi [nyuitɔ] li na nu sia nu.\"—Nyagblɔla 3:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201510\/%C6%92ome-kuxiwo\/","date":"2017-12-16T02:54:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581033.57\/warc\/CC-MAIN-20171216010725-20171216032725-00166.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993178844,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993178844451904}","num_words":326,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ALEKE woɖe Psalmo 83:18 (kpukpui 19 le Eʋegbe Biblia me) gɔmee le wò Biblia me? Biblia gɔmeɖeɖe si nye New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures— Traduction du monde nouveau) ɖe kpukpui sia gɔme ale: \"Ne amewo nanyae be wò, amesi ŋkɔe nye Yehowa, wò ɖeɖekoe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi.\" Biblia aɖewo hã ɖe kpukpui sia gɔme alea tɔgbe. Ke hã, Biblia geɖe mezã ŋkɔ Yehowa o, eye wotsɔ dzesideŋkɔ siwo nye \"Aƒetɔ\" alo \"Mavɔmavɔtɔ\" ɖo eteƒe. Nukae wòle be woazã le kpukpui sia me? Dzesideŋkɔ loo alo ŋkɔ Yehowa?\nŊkɔ aɖe ŋue kpukpui sia le nu ƒom tsoe. Le Hebrigbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ƒe akpa gãtɔ ɖo me la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ aɖee dze le kpukpui sia me. Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi יהוה (YHWH) ye wotsɔ ŋlɔe. Le Eʋegbe me la, woɖea ŋkɔ ma gɔme edziedzi be \"Yehowa.\" Biblia ƒe kpukpui ɖeka aɖe pɛ ko mee ŋkɔ ma dze lea? Ao. Edze le Hebri Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me zi 7,000 kloe!\nÐe Mawu ƒe ŋkɔa le veviea? De ŋugble le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu Kristo fia ŋu kpɔ. Edze egɔme ale: \"Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!\" (Mateo 6:9) Yesu do gbe ɖa na Mawu emegbe be: \"Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.\" Mawu ɖo gbedodoɖa ma ŋu esi wòƒo nu tso dziƒo gblɔ bena: \"Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.\" (Yohanes 12:28) Eyata eme kɔ ƒã be Mawu ƒe ŋkɔae nye nu vevitɔ kekeake. Gake nukatae Biblia gɔmeɖela aɖewo mezã ŋkɔ sia le woƒe gɔmeɖeɖewo me o eye wotsɔ dzesideŋkɔwo ɖɔ lii?\nEwɔ abe susu eve koŋ tae ene. Gbã, ame geɖe gblɔna be mele be woazã ŋkɔa o le esi míenya alesi tututu woyɔ ŋkɔae le gɔmedzedzea me o ta. Ablɔɖegbeɖiɖiwo menɔ Hebrigbe si woŋlɔna tsã me o. Eyata egbea ame aɖeke mate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔ alesi tututu amesiwo nɔ anyi le Biblia la ŋlɔɣi yɔa ŋɔŋlɔdzesi siwo nye YHWH lae o. Gake ɖe wòle be esia nana míagbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã? Ðewohĩ Yeshua alo Yehoshua ye nye alesi woyɔa Yesu le Biblia la ŋlɔɣi—ame aɖeke mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Ke hã le xexeame godoo egbea la, amewo yɔa ŋkɔ Yesu le mɔ vovovowo nu, woyɔnɛ abe alesi ame geɖe yɔnɛ le wo degbe me ene. Womegbea ŋkɔa yɔyɔ le esi womenya alesi tututu woyɔe le ƒe alafa gbãtɔ me o ta o. Nenema kee ne èzɔ mɔ yi dukɔ bubu aɖe me la, ɖewohĩ àde dzesii be alesi woyɔa ŋkɔwòe le gbe bubu me la to vovo kura na alesi wò ŋutɔ èyɔnɛ. Eyata mele be míagbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã le esi míeka ɖe alesi tututu woyɔnɛ le blema dzi o ta o.\nSusu evelia si ta ame geɖe ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia me la wɔ ɖeka kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi aɖe si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Wo dometɔ geɖe bui be mele be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔa gbeɖe o. Biblia ƒe se aɖe gɔmemasemase nyuie ye na dzixɔse sia va nɔ wo si. Se ma gblɔ be: \"Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.\"—Mose II, 20:7.\nMawu ƒe ŋkɔa zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋue se sia tsi tre ɖo. Gake ɖe wògblɔ be mele be woazã eƒe ŋkɔa le bubumɔ nu hã oa? Kpao. Amesiwo ŋlɔ Hebrigbe me Biblia (\"Nubabla Xoxoa\") la katã nye nuteƒewɔla siwo wɔ ɖe Se si Mawu de na blema Israel-viwo dzi. Evɔ wozã Mawu ƒe ŋkɔa zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, wozãe le psalmo gbogbo siwo nye ha siwo tadeagula geɖe dzina sesĩe la me. Yehowa Mawu de se na esubɔlawo gɔ̃ hã be woayɔ yeƒe ŋkɔa, eye nuteƒewɔlawo wɔ ɖe sedede ma dzi. (Yoel 3:5; Dɔwɔwɔwo 2:21) Eyata Kristotɔ siwo li egbea zãna Mawu ƒe ŋkɔa bubutɔe, abe alesi míeka ɖe edzi be Yesu zãe ene.—Yohanes 17:26.\nVodada gã aɖee wònye Biblia gɔmeɖelawo wɔ be wotsɔ dzesideŋkɔwo ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔae. Wona amewo va bunɛ be Mawu le adzɔge ʋĩ tso wo gbɔ, eye be menye ame ŋutɔŋutɔ si li o, evɔ Biblia de dzi ƒo na amegbetɔwo be woana 'ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple Yehowa dome' hafi. (Psalmo 25:14) Bu xɔwò aɖe si mia kplii dome le kplikplikpli ŋu kpɔ. Ðe miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me ate ŋu asẽ ne mènya eŋkɔ gɔ̃ hã oa? Nenema kee ne womena amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa o ɖe, ɖe woa kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikplia? Gawu la, ne amewo mezãa Mawu ƒe ŋkɔa o la, womenyaa gɔmesese tɔxɛ si le eŋu o. Gɔmesese kae le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu?\nMawu ŋutɔ ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu me na esubɔla wɔnuteƒe Mose. Esi Mose bia Mawu be yeanya eƒe ŋkɔ la, Yehowa ɖo eŋu nɛ be: 'Mava nye amesi mava nye.' (Mose II, 3:14) Rotherham ƒe gɔmeɖeɖea xlẽ ale: \"Mava Nye nusianu si dze ŋunye.\" Eyata Yehowa ate ŋu ava nye nusianu si hiã ale be wòawɔ eƒe tameɖoɖowo dzi.\nTsɔe be àte ŋu ava nye amesi nèdi be yeanye ale be nàwɔ nusianu si nèdi. Nukae nàwɔ na xɔ̃wòwo? Ne wo dometɔ aɖe dze dɔ vevie la, àte ŋu anye ɖɔkta bibi aɖe ahada dɔa nɛ. Ne gakuxiwo le fu ɖem na ame bubu la, àte ŋu anye kesinɔtɔ dɔmenyola aɖe ahakpɔ eƒe kuxia gbɔ. Gake le nyateƒe me la, màte ŋu ava nye nusianu wɔla o. Mía dometɔ aɖeke mate ŋui o. Ne èle Biblia srɔ̃m la, awɔ nuku na wò be nàde dzesi alesi Yehowa ya te ŋu va nyea nusianu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Eye edzɔa dzi nɛ be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amesiwo lɔ̃nɛ ŋu. (Kronika II, 16:9) Amesiwo menya Yehowa ƒe ŋkɔ o ya menya naneke tso eƒe amenyenye ƒe akpa nyui siawo ŋu o.\nEyata eme kɔ ƒã be ele be woazã ŋkɔ Yehowa le Biblia me. Gɔmesese si le ŋkɔa ŋu nyanya kple ezazã faa le míaƒe subɔsubɔ me la kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ŋu. *\n^ mm. 3 Ne èdi be yeakpɔ numeɖeɖe bubuwo tso Mawu ƒe ŋkɔa, gɔmesese si le eŋu, kple susu siwo ta wòle be míazãe le tadedeagu me ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever (Le nom divin qui demeure à jamais) si Yehowa Ðasefowo ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia\/mawu-%C6%92e-%C5%8Bk%C9%94-alesi-woaz%C3%A3e\/","date":"2017-12-17T16:25:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948596115.72\/warc\/CC-MAIN-20171217152217-20171217174217-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983715415,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983715415000916}","num_words":1047,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"- ƑE SI ME WODZII: 1982\n- DUKƆ SI ME WÒTSO: DOMINICAN REPUBLIC\n- AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: WODZII ÐE MORMON-HAA ME\nAGBE SI MENƆ TSÃ:\nWodzim le Santo Domingo le Dominican Republic. Mí ame enee wodzi, eye nyee nye dɔmlɔea. Mía dzilawo nye agbalẽnyalawo, eye wodi be yewoahe mí le nuto si me ame ɖɔʋuwo le la me. Ƒe ene hafi woava dzim la, dzinyelawo do go Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedelawo. Ale si ɖekakpui mawunyadɔgbedelawo do awu nyuie hebua amee la wɔ dɔ ɖe dzinyelawo dzi. Esia megbe kpuie koe wotso nya me be míaƒe ƒomea nanye ƒome gbãtɔ siwo age ɖe Yesu Kristo Ƒe Nuwuɣia Me Ame Kɔkɔewo Ƒe Sɔlemeha, alo Mormontɔwo Ƒe Sɔlemehaa, me la dometɔ ɖeka.\nEsi menɔ tsitsim la, mekpɔa dzidzɔ ɖe Mormon-haa ƒe hadomewɔnawo ŋu, eye ale si wotea gbe ɖe ƒomegbenɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ dzii la dze ŋunye. Enye dada nam be menye Mormontɔ, eye meɖoe be mava zu mawunyadɔgbedela.\nEsi mexɔ ƒe 18 la, míaƒe ƒomea ʋu yi United States kple susu be mate ŋu ade yunivɛsiti le afi ma. Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, danyeɖia kple srɔ̃a, siwo nye Yehowa Ðasefowo la va srã mí kpɔ le Florida. Wokpe mí be míade Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe kpli yewo. Ewɔ nuku nam be esime nuƒolawo le Biblia xlẽm la, ame sia ame nɔ eƒe Biblia me kpɔm henɔ nuŋlɔɖiwo hã wɔm. Eya ta mebia be woana agbalẽ kple nuŋlɔtim, eye nye hã mewɔ nenema ke.\nEsi takpekpea wu enu la, danyeɖia kple srɔ̃a gblɔ nam be esi medi be manye mawunyadɔgbedela ta la, yewodi be yewoakpe ɖe ŋunye le Biblia sɔsrɔ̃ me. Esia dze ŋunye, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Biblia nyuie abe Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa ene o.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nNe danyeɖia kple srɔ̃a wole Biblia srɔ̃m kplim le telefon dzi la, wodea dzi ƒo nam enuenu be matsɔ nye dzixɔsewo anɔ sɔsɔm kple nu si Biblia fia. Wodi be maka ɖe nyateƒea dzi na ɖokuinye.\nMexɔ Mormontɔwo ƒe nufiafia geɖe dzi se, gake nyemeka ɖe edzi tututu nenye be wowɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ o. Danyeɖia tsɔ November 8, 1995 ƒe yevugbe me Nyɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, si me woƒo nu tso Mormontɔwo ƒe haa ŋu le la ɖo ɖem. Esi mexlẽe la, ewɔ nuku nam be nyemenya Mormontɔwo ƒe nufiafia geɖewo o. Eya ta meyi Mormontɔwo ƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea be makpɔe ɖa be nya siwo wogblɔ le Nyɔ! la me tso wo ŋu la nye nyateƒe hã. Mekpɔe be wonye nyateƒe, eye nu siwo ŋu meke ɖo le Mormontɔwo ƒe blemanudzraɖoƒewo le Utah la hã ɖo kpe edzi.\nTso ɣeaɖeɣi kee mexɔe se be Biblia kple Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa me nyawo wɔ ɖeka. Gake Biblia me dzodzro nyuie na mede dzesii be vovototowo le Mormontɔwo ƒe nufiafiawo kple Biblia tɔ dome. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Xezekiel 18:4 be luʋɔ la kuna. Ke hã, wogblɔ le Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa me le Alma 42:9 be: \"Luʋɔ la mekuna gbeɖegbeɖe o.\"\nTsɔ kpe ɖe hamenufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ŋu la, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le Mormontɔwo si la hã ɖe fu nam. Le kpɔɖeŋu me, Mormontɔwo gblɔna be Eden-bɔ la nɔ Jackson County, Missouri le United States. Eye haa ƒe nyagblɔɖilawo gblɔna be ne \"Mawu Fiaɖuƒea te dziɖuɖu la, United States ƒe aflagaa anɔ ya ƒom le ŋutikɔkɔe me le ablɔɖe kple sɔsɔminasɔe ƒe aflagati la ŋu.\"\nEsia na mede ŋugble le nu si anye Mormontɔwo ƒe nufiafia ku ɖe mía de kple dukɔ bubuwo ŋu le nya sia gome. Esi ɖekakpui Mormontɔ aɖe si nɔ hehe xɔm be yeava zu mawunyadɔgbedela la ƒo ka nam le fiẽ aɖe me la, medo nya sia ɖa. Mebiae kaŋ be ne eƒe dukɔa le aʋa wɔm kple dukɔ bubu aɖe la, ɖe wòalɔ̃ awɔ aʋa kple Mormontɔ siwo le dukɔ ma me hã. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be eɖo eŋu be ɛ̃! Megaku míaƒe hamenufiafiawo me nyuie, eye meɖo dze kple Mormon Sɔlemehaa ƒe kplɔlawo. Wogblɔ nam be nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo do ƒome kple nya ɣaɣla siwo me ava kɔ gbe ɖeka ne kekelia me va kɔ ɖe edzi.\nWoƒe ŋuɖoɖoa ɖe dzi le ƒonye, eye megbugbɔ lé ŋku ɖe nye taɖodzinuwo kple susu si tae medi be mava nye Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedela ɖo la ŋu. Mede dzesii be didi si le menye be makpe ɖe ame bubuwo ŋu la ta koe medi be mava zu mawunyadɔgbedela ɖo. Azɔ hã, bubu si le mawunyadɔgbedelawo ŋu la hã le eme tae dɔ ma wɔwɔ dzrom ɖo. Gake le nyateƒe me la, nyemenya nu boo aɖeke tso Mawu ŋu o. Togbɔ be medzro Biblia me kpɔ zi geɖe va yi hã la, nyemede asixɔxɔ eŋu ŋutɔŋutɔ o. Nyemenya naneke tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba alo ameƒomea ŋu o.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nEsi Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim la, meva nya Mawu ƒe ŋkɔ, nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku, akpa si Yesu wɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme, tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu. Edzɔ dzi nam be meva nya agbalẽ nyui sia me nyawo nyuie mlɔeba, eye menɔa nyateƒe siwo srɔ̃m menɔ la ŋu nya gblɔm na amewo. Togbɔ be menyae tso ɣeaɖeɣi ke be Mawu li hã la, fifia ya mate ŋu aƒo nu kplii abe xɔ̃nye kplikplikpli ene le gbedodoɖa me. Mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le July 12, 2004 dzi heƒo ɖokuinye ɖe Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le ɣleti ade megbe.\nMewɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York ƒe atɔ̃. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpe asi ɖe Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo tata ŋu be wòɖe vi na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo, eye megakpɔtɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130201\/maka-%C9%96e-nyate%C6%92ea-dzi\/","date":"2018-01-18T18:45:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887535.40\/warc\/CC-MAIN-20180118171050-20180118191050-00002.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994212389,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999421238899231}","num_words":952,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.298,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso apostolo Paulo kple Barnaba ŋu zi geɖe. Ame siawo nye dzikpɔla mɔzɔla siwo yina ɖasrãa hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la kpɔna. Nu ka tae? Elabena wotsɔ ɖe le eme na woƒe haxɔsetɔwo vevie. Paulo gblɔ be yedi be 'yeatrɔ ayi aɖasrã nɔviawo kpɔ' be yeanya ale si wole. Elɔ̃ faa be yeazɔ mɔ kilometa alafa geɖe be yeayi aɖado ŋusẽ nɔviawo. (Dɔwɔwɔwo 15:36) Didi ma kee le míaƒe dzikpɔla mɔzɔlawo hã me egbea.\nWova dea dzi ƒo na mí. Nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe srãa hame siwo ade 20 kpɔna zi eve le ƒe ɖeka me eye wònɔa wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Nuteƒekpɔkpɔ siwo su nɔviŋutsu siawo kple wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ ƒe srɔ̃wo si la ɖea vi na mí geɖe. Wodzea agbagba be yewoadze si ɖeviwo kple tsitsiawo siaa eye wodina vevie be yewoazɔ kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ahade dzi ƒo na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo. Dzikpɔla siawo kple hamemetsitsiwo wɔa alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo, wodoa ŋusẽ mí, eye woƒoa nuƒo tuameɖowo le kpekpewo kple takpekpewo me.—Dɔwɔwɔwo 15:35.\nWotsɔa ɖe le eme na mí katã. Nutome sue dzikpɔlawo tsɔa ɖe le ale si hameawo le vevie dom nu le mawusɔbɔsubɔ me la me. Wokpena kple hamemetsitsiwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo, wodzroa ŋgɔyiyi siwo hamea wɔ la me kpli wo, eye wonaa mɔfiame siwo sɔ la wo le woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me. Wokpena ɖe mɔɖelawo ŋu be woakpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye wòdzɔa dzi na wo hã be yewoanya ame yeye siwo le ha dem kpli mí ahase nu tso ŋgɔyiyi siwo wɔm wole ŋu. Nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa eɖokui nana faa be yeanye míaƒe 'hadɔwɔla le míaƒe nyonyo ta.' (2 Korintotɔwo 8:23) Ele be míasrɔ̃ woƒe xɔse kple ale si wodoa vevie mawusubɔsubɔe.—Hebritɔwo 13:7.\nSusu kawo tae nutome sue dzikpɔlawo srãa hamewo kpɔna?\nNu kawoe nàwɔ be woƒe sasrãkpɔa naɖe vi na wò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/dzikp%C9%94la-m%C9%94z%C9%94la\/","date":"2018-01-20T23:44:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889736.54\/warc\/CC-MAIN-20180120221621-20180121001621-00281.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997413218,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974132180213928}","num_words":315,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woezɔ loo! Afisia enye Eʋe Wikipiɖia la, nunyãgbãle fãa si amesiame ateŋu aɖɔɖo. Ne èdoa Eʋegbe la, míave nuwò bena na ná kpekpeɖeŋu le Eʋegbe me!\nNe wòadi be yea xlẽ nu bubuwo si woakɔ nyame nawò la, wole gbe bubu aɖewo me abe: English, Français, Italiano, Deutsch, Português, Español kple Akan.\nAfadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 880m (alo 2900 ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodemtɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.\nWogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adelawo si dena toa dzi la yɔnae be \"aʋa dze to\".\nTagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ vayi kpɔna.\nƉe nenya be...\n...Siamlɔm kple Afɔfiɛ (April) dzea egɔme le ŋkeke ɖeka dzi le kɔsiɖa me le ƒe desiaɖe mea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"http:\/\/www.gpedia.com\/ee\/gpedia\/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94","date":"2018-01-17T14:29:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886946.21\/warc\/CC-MAIN-20180117142113-20180117162113-00618.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989961982,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":15,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989961981773376}","num_words":201,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyatakakawo ɖee fia be sɔhɛ siwo nuteɖeamedzi ɖea fu na la le dzidzim ɖe edzi kabakaba.\nÈsusu be kuxi sia gbɔ kpɔnu aɖe lia?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ɖo aɖaŋu aɖewo tso ale si sɔhɛwo awɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu la ŋu kple nu si dzilawo hã ate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na wo via ahakpe ɖe eŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2018-01-22T17:19:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891485.97\/warc\/CC-MAIN-20180122153557-20180122173557-00733.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993042946,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993042945861816}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.017,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Romatɔnyenye ɖe vi na apostolo Paulo?\nNe ame aɖe zu Romatɔ la, gomenɔamesiwo kple mɔnukpɔkpɔwo sua esi le fiaɖuƒea ƒe afi sia afi. Menye nuto siwo le Roma te la ƒe sewoe kplɔa Romatɔwo o, ke boŋ Roma Fiaɖuƒea ƒe se tee wole. Ne wotsɔ nya ɖe Romatɔ aɖe ŋu le ʋɔnu eye wòlɔ̃ be woadrɔ̃ nyaa na ye le fiaɖuƒea ƒe nuto me ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe hã la, gome kpɔtɔ nɔa esi be wòabia be woadrɔ̃ nyaa na ye le Roma-ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ne wotso kufia nɛ la, ate ŋu abia be fiagãa ŋutɔ nadrɔ̃ nya na ye.\nAƒetɔ Cicero, si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖumegã le ƒe alafa gbãtɔ Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, gblɔ tso nya sia ŋu be: \"Sedzidadae wònye be woabla Romatɔ; tagbɔsesẽe wònye be woaƒoe; ne wowui la, wodo hlɔ̃,\" si fia be amea wu eya ŋutɔ dzila alo ƒometɔ kplikplikpli.\nApostolo Paulo ɖe gbeƒã tsitotsito le Roma Fiaɖuƒe bliboa me. Eye ewɔ Romatɔnyenye ƒe gomenɔamesia ŋu dɔ zi etɔ̃ wòdze le nuŋlɔɖiwo me: (1) Egblɔ na Filipi dumegãwo be woda se dzi le esi woƒo ye ta. (2) Be wògaƒoe le Yerusalem o la, egblɔ be Romatɔe yenye. (3) Egblɔ be Roma fiagã, Kaisaro, nadrɔ̃ nya na ye ale be yeaɖe ye ɖokui nu le eŋkume.—Dɔwɔwɔwo 16:37-39; 22:25-28; 25:10-12.\nAleke woxea fe na alẽkplɔlawo le Biblia-ŋlɔɣiwo?\nBlemafofo Yakob kplɔ nyruia ƒe alẽwo ƒe 20 sɔŋ. Ekplɔ Laban ƒe lãwo ƒe 14 ɖe vianyɔnu eveawo ta, eye Laban tsɔ lãwo ƒe ɖe xe fe nɛ ɖe ƒe 6 bubu siwo wòtsɔ kplɔ eƒe lãwoe ta. (1 Mose 30:25-33) Magazine si nye Biblical Archaeology Review, gblɔ be: \"Blema-gbalẽŋlɔlawo kple Biblia-xlẽlawo nya nu tso alẽkpɔkplɔ ŋuti ɖoɖo siwo amewo wɔna, abe esi nɔ Laban kple Yakob dome, la ŋu nyuie.\"\nWoke ɖe ɖoɖo siawo ƒe ɖewo ŋu le tome le Nuzi, Larsa, kple teƒe bubuwo le egbegbe Iraq, siwo ɖee fia be nenema tututue wowɔa ɖoɖoawoe. Ðoɖo siawo tɔgbi dzea egɔme tso ƒe aɖe ƒe lãfukoɣi dzi va de asi na ƒe si kplɔe ɖo ƒe lãfukoɣi. Le ɖoɖoa nu la, alẽkplɔlawo xɔa alẽnɔ alo agbo xexlẽme aɖe eye woŋlɔa wo ɖi le woƒe ƒexɔxɔ nu. Ne ƒea trɔ la, ame si tɔe lãwo nye la xɔa lãfu, notsi, alẽviwo kple nu bubuwo ƒe agbɔsɔsɔme si dzi wolɔ̃ ɖo la alẽkplɔlaa si. Gake ne nu siawo dometɔ aɖe sɔ gbɔ wu ɖoɖo si wowɔ la, susɔea zua alẽkplɔlaa tɔ.\nBe lãwo nadzi ɖe edzi sɔgbɔ la, etsoa alẽnɔ agbɔsɔsɔme si alẽkplɔlaa xɔ gbɔ. Wokpɔa mɔ be alẽnɔ alafa ɖeka adzi alẽvi 80. Gake ne mede o la, ele be alẽkplɔlaa natsɔ esi susɔ la akpee. Esia tae wòle vevietɔ be alẽkplɔlaa nalé be na alẽ siwo wotsɔ de esi la nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150301\/apostolo-paulo-biblia-al%E1%BA%BDkpl%C9%94lawo\/","date":"2018-01-18T06:34:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887067.27\/warc\/CC-MAIN-20180118051833-20180118071833-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999168396,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991683959960938}","num_words":443,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nEsi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Abosam nye ta la, enɔa xexe aɖe si womate ŋu akpɔ kple ŋku o me. Gake menye dzo mavɔ mee teƒe sia nye o. Menye teƒe aɖe si wònɔa funyafunya wɔm ame vɔ̃ɖiwo le abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le nyati sia me la me ene o.\n\"Aʋa dzɔ le dziƒo\"\nƔeaɖeɣi la, Satana Abosam tea ŋu yia afi sia afi si dzroe le gbɔgbɔmexexea me faa, eye etea ŋu nɔa mawudɔla wɔnuteƒewo dome woyina ɖe keke Mawu ŋkume ke gɔ̃ hã. (Hiob 1:6) Gake Biblia gblɔe ɖi be aʋa adzɔ \"le dziƒo\" eye woatsɔ Satana aƒu \"gbe ɖe anyigba\" dzi. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple xexemenudzɔdzɔwo siaa ɖo kpe edzi be wowɔ aʋa sia vɔ. Fifia Abosam va tsi anyigba ƒe nutowo me.\nÐe esia fia be Abosam ƒe nɔƒe le míaƒe anyigba ƒe teƒe aɖe koŋua? Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ tso blemadu Pergamo ŋu be enye \"afi si Satana ƒe fiazikpui le\" kple \"afi si Satana le.\" (Nyaɖeɖefia 2:13) Anɔ eme godoo be nu si koŋ nya siawo fiae nye ale si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe du ma me blibaa. Biblia gblɔ be Abosam le \"anyigba dzi nɔlawo ƒe fiaɖuƒewo katã\" dzi ɖum, eya ta menɔa anyigba ƒe teƒe aɖe si woate ŋu akpɔ kple ŋku o, ke boŋ ele anyigba ƒe nutowo me eye woxe mɔ ɖe enu be nuto ma me ko wòanɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/afi-kae-abosam-le\/","date":"2018-01-18T06:34:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887067.27\/warc\/CC-MAIN-20180118051833-20180118071833-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992863536,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992863535881042}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi míate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu la, ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe sea nafia mɔ mí. Abe hakpalaa ene la, Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo hã ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe se la ŋu henɔ agbe ɖe enu la ŋu.\nAgbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe se la nu ye nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ\nYosua ka ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi bliboe. Enya be hafi yeakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze la, ele be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo\nMawu ƒe Nya la naa dzideƒo si míehiã be míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu la mí\nDzi nɔ Yeremiya ƒo eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Enɔ agbe tsɛ eye wòdo dzi wɔ dɔ siwo Mawu de esi\nMawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ naa dzi nɔa mía ƒo míeɖea gbeƒã\nPaulo mevɔ̃ be yeagblɔ Mawu ƒe gbedeasia na amewo o. Eka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu esi wònɔ gbeƒã ɖem dzinɔameƒotɔe na Nutodziɖula Felike\nTeƒe siawo dometɔ kae mahiã dzideƒo le be mate ŋu aɖe gbeƒã?\nSuku\nDɔ me\nƑometɔwo dome\nTeƒe bubuwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept5-11\/n%C9%94-agbe-yehowa-se-nu\/","date":"2018-01-18T18:50:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887535.40\/warc\/CC-MAIN-20180118171050-20180118191050-00452.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965778589,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965778589248657}","num_words":189,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso November 30 va se ɖe December 27, 2015 la le tata sia me.\nZi geɖe le Biblia me la, nu kae Mawu ƒe \"asi\" tsia tre ɖi na?\nÐe míate ŋu atu xɔse ɖo le míaƒe ŋusẽ ɖeɖe ko mea?\nAbe ƒe 60 kloe nye esia ene la, Gbetakpɔxɔ gblɔ nya aɖe si le eme vam nukutɔe egbea.\nNe womeɖe mɔ be Biblia nanɔ asiwò o la, ɖe nàte ŋu ayi edzi atu ɖokuiwò ɖo le xɔse mea?\nAme kawoe nye Dɔdzikpɔhaa ƒe kɔmitiwo ƒe kpeɖeŋutɔwo? Dɔ kawoe wowɔna?\nAGBEMEŊUTINYA\nEsi Sarah Maiga xɔ ƒe asieke la, etsi nenema, meganɔ kɔkɔm o, gake menɔ alea le eƒe Mawu subɔsubɔ me o.\nAleke nàwɔ ade dzesi alakpanyawo, ameflunyawo, nyakpakpawo kple amebalawo ƒe nya siwo ame aɖe ɖo ɖe wò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20151015\/","date":"2018-01-23T12:51:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891926.62\/warc\/CC-MAIN-20180123111826-20180123131826-00502.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986605048,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986605048179626}","num_words":133,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si wokpɔ Biblia ta, gbe gbogbo siwo me woɖe egɔme ɖo, kple agbɔsɔsɔ si gbegbe wota la wɔ nuku. Eye nu siwo ŋu woyi edzi le kekem ɖo la ɖo kpe ale si emenyawo de pɛpɛpɛ dzi. Subɔsubɔha ka ke mee nèɖale o àva kpɔe be Biblia to vovo sãsãsã tso agbalẽ bubu ɖe sia ɖe gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/","date":"2018-02-19T18:52:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812758.43\/warc\/CC-MAIN-20180219171550-20180219191550-00259.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992046952,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999204695224762}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ dɔ, siwo wɔm wole le afisia la ɖa. Israel-viwo ƒe ŋku biã ɖe Yerusalem-gliawo tutu ŋu. Esi Fia Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem ƒe 152 enye si va yi la, egbã gliawo ƒu anyi hetɔ dzo du la ƒe agbowo. Esi Israel-viwo trɔ tso Babilon gbã la, womegbugbɔ gliawo tu o.\nAleke nèbu be ameawo se le wo ɖokui me le afisia nɔnɔ me le ƒe gbogbo siawo me esi gli mele woƒe dua ŋu o la? Wonɔ vɔvɔ̃m. Woƒe futɔwo ate ŋu ava dze wo dzi bɔbɔe. Gake mlɔeba la, ŋutsu sia si nye Nexemya la le kpekpem ɖe ameawo ŋu be woagbugbɔ gliawo atu. Ènya amesi Nexemya nyea?\nNexemya nye Israeltɔ, si tso Susa-du, si me Mardoxai kple Ester wonɔ la me. Nexemya wɔ dɔ le fiasã me, eyata ɖewohĩ enye Mardoxai kple Fianyɔnu Ester xɔlɔ̃ nyui aɖe. Gake Biblia la megblɔ be Nexemya wɔ dɔ na Ester srɔ̃ Axasweros o. Fia Artaxsasta, si kplɔe ɖo lae wòwɔ dɔ na.\nÐo ŋku edzi be Artaxsasta ye nye fia nyui, si tsɔ ga gbogbo ma na Ezra be wòatrɔ ayi Yerusalem aɖaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la. Gake Ezra metu du la ƒe gli gbagbãwo o. Na míakpɔ nusi dzɔ hafi Nexemya wɔ dɔ sia la ɖa.\nƑe 13 enye sia tso esime Artaxsasta tsɔ ga na Ezra be wòaɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔ la. Fifia Nexemya ye nye Fia Artaxsasta ƒe ahakulawo ƒe amegã. Esia fia be eyae kua aha na fia la; eye wòkpɔ egbɔ be ame aɖeke magadze agbagba ade aɖi aha me na fia la o. Dɔ vevi aɖee nye esia.\nGbeɖeka la, Nexemya nɔviŋutsu Xanani kple Israel-ŋutsu bubu aɖewo va Nexemya gbɔ. Wogblɔ fu siwo kpem Israel-viwo le la kple alesi Yerusalem-gliawo gale gbagbãe la nɛ. Esia wɔ nublanui na Nexemya ŋutɔ, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu.\nGbeɖeka la, fia la kpɔ be Nexemya lé blanui, eye wòbiae be: 'Nukatae nèlé blanui ale?' Nexemya gblɔ nɛ be Yerusalem ƒe nɔnɔme wɔnublanui kple eƒe gli gbagbãwo tae. Fia la biae be: 'Ke nuka dim nèle?'\nNexemya ɖo eŋu be: 'Ðe mɔ nam mayi Yerusalem be magbugbɔ gliawo atu.' Fia Artaxsasta nye dɔmenyotɔ aɖe. Ebe Nexemya neyi, eye wòkpe ɖe eŋu be wòkpɔ ati aɖewo hena etutu. Esi Nexemya ɖo Yerusalem teti ko la, egblɔ eƒe ɖoɖowo na ameawo. Wolɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be: 'Mina míadze etutu gɔme.'\nEsi Israel-viwo ƒe futɔwo kpɔ be glia le fɔflɔm la, wogblɔ be: 'Míayi aɖawu wo ahatɔ te gliɖoɖo la.' Gake Nexemya see, eye wòtsɔ yiwo kple akplɔwo na dɔwɔlawo hegblɔ be: 'Migavɔ̃ míaƒe futɔwo o. Miwɔ aʋa na mia nɔviwo, mia viwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo.'\nAmeawo sesẽ ŋutɔ. Woƒe aʋawɔnuwo le klalo ŋkeke kple zã, eye wonɔ glia hã ɖoɖo dzi. Eyata ŋkeke 52 koe wotsɔ wu gliawo ɖoɖo nui. Fifia ameawo ate ŋu aɖe dzi ɖi azɔ le dua me. Nexemya kple Ezra wofia Mawu ƒe se dukɔ la, eye dukɔa kpɔ dzidzɔ.\nGake nuwo megale abe alesi wònɔ hafi wokplɔ Israel-viwo yi Babilon abe gamenɔlawo ene o. Persia-fiae le dukɔa dzi ɖum, eye ele be woasubɔe. Gake Yehowa do ŋugbe be yeadɔ fia bubu aɖe ɖa; eye fia sia ahe ŋutifafa vɛ na dukɔ la. Amekae nye fia sia? Aleke wòahe ŋutifafa ava anyigba dzii? Anɔ abe ƒe 450 ene va yi hafi wogase nya aɖe tso esia ŋu. Wova dzi ɖevi vevi aɖe. Gake ŋutinya bubu aɖee nye ma.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/yerusalem-%C6%92e-gliawo\/","date":"2018-02-21T07:16:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813571.24\/warc\/CC-MAIN-20180221063956-20180221083956-00163.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995388985,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995388984680176}","num_words":564,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!\nNu kae nye nya nyui si tso Mawu gbɔ? Nu ka tae míaka ɖe edzi? Agbalẽ gbadza sia ɖo Biblia me nyabiase siwo amewo lɔ̃a biabia la ŋu.\nAgbalẽ gbadza sia akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya Biblia me tẽe navivi nuwò. Mawunyakpukpui siwo le memama ɖe sia ɖe te la fia afi si nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo le axlẽ le wò Biblia me.\nXlẽ nu tso nya nyui si le Mawu si na mí, nu si ta wòhiã kpata ɖo kple nu si wòle be nàwɔ la ŋu.\nÐe ŋkɔ le Mawu sia? Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?\nAleke míawɔ aka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe?\nXlẽ nu tso ale si Yesu ƒe agbe dze egɔmee, nu si ta wòva anyigba ɖo kple nu si wɔm wòle fifia la ŋu.\nBiblia ɖe nu si tae Mawu wɔ anyigba, ɣeyiɣi si me fukpekpe nu ayi kple etsɔme nyui si le anyigba la kple ame siwo anɔ edzi la lalam la me.\nNɔnɔme ka mee ame kukuwo le? Ðe míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?\nAme kae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye nu kawoe Fiaɖuƒea awɔ?\nAleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee, eye nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe kpɔtɔ li? Ðe fukpekpe nu ayi gbe aɖe gbea?\nYehowa, Mawu dzidzɔtɔ la, di be dzidzɔ nanɔ ƒomewo me. Kpɔ aɖaŋu nyui siwo le Biblia me na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo ɖa.\nSubɔsubɔha vavã ɖeka koe lia? Bu nu atɔ̃ siwo dea dzesi tadeagula vavãwo kple subɔsubɔha vavãtɔ ŋu kpɔ.\nYesu ɖe nu si ta míehiã gɔmeɖosewo la me eye wòyɔ gɔmeɖose eve siwo le vevie wu la hã.\nXlẽ nyati sia nàkpɔe ɖa nenye be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã alo meɖonɛ o, ale si míado gbe ɖa kple nu bubu siwo míate ŋu awɔ ate ɖe Mawu ŋu.\nÐe amewo katã ava wɔ ɖeka asubɔ Mawu vavã ɖeka kolia gbe ɖeka?\nBiblia gblɔ nu si tae Kristotɔ vavãwo nye habɔbɔ la na mí.\nAleke nàwɔ Mawu ŋuti sidzedze si su asiwò la naɖe vi na ame bubuwo? Ƒomedodo kae ate ŋu ava nɔ mia kple Mawu dome?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/","date":"2018-02-25T19:14:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816912.94\/warc\/CC-MAIN-20180225190023-20180225210023-00379.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986906648,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998690664768219}","num_words":365,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ame ŋu?\nTogbɔ be nu si setɔwo yɔna be \"gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ame ŋu\" toa vovo tso dukɔ me yi dukɔ me hã la, nya la ate ŋu afia be woto mɔ aɖe dzi de asi amea ŋu evɔ amea melɔ̃ hafi o, eye ɣeaɖewoɣi hã elɔa ameléle sesẽe adɔ egbɔ alo avudodo nɛ ɖe eme. Etea ŋu nyea gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo alo sɔhɛwo ŋu, ƒometɔ kpamkpam gbɔ dɔdɔ, ameléle sesẽe agblẽe, kple \"kpekpeɖeŋunalawo\" abe ɖɔktawo, nufialawo kple subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ayemɔ dzi toto adɔ ame gbɔ hã ene. Wodoa ŋɔdzi na ame siwo ŋuti wowɔ nu sia ɖo la dometɔ aɖewo (eɖanye gbegblẽnyae wogblɔ ɖe wo ŋu alo ɖe wodɔ wo gbɔ sesẽe o) be yewoawɔ nu vevi wo ne woke atse gblɔe na ame aɖe.\nNumekuku aɖe ɖee fia be ƒe sia ƒe la, ame akpe alafa eve blaatɔ̃ kloe gblɔna be wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe yewo ŋu le United States (États-Unis) ɖeɖe dzaa. Eye ame siawo ƒe afã kloe nye ame siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo 18.\nNu si wòle be nànya\nBiblia meda asi ɖe gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu dzi o. Biblia ƒo nu tso ŋutsuwo ƒe ha aɖe si gbɔdɔdɔ xɔ susu me na ale gbegbe la ŋu. Ŋutsu mawo nɔ du si woyɔna be Sodom la me anɔ ƒe 4,000 aɖewoe nye esi va yi. Esi wokpɔ ŋutsu eve aɖewo ɖi tsa va woƒe dua me la, wodze agbagba be yewoalé wo adɔ wo gbɔ, eye nudzɔdzɔ ma ɖe nu si tae Yehowa tsrɔ̃ du ma ɖo la fia. (1 Mose 19:4-13) Gakpe ɖe eŋu la, wode se na Israel-viwo le Se si Mawu tsɔ na Mose anɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esia la me be woatsri ƒometɔ kpamkpam gbɔ dɔdɔ, esia lɔ gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ame ƒe ƒometɔwo ŋu hã ɖe eme.\n—3 Mose 18:6.\nAme nyanyɛwoe wɔ gbɔdɔnuwo ɖe ame akpa gãtɔ ŋu. \"Ame siwo gbɔ wodɔ sesẽe la dometɔ eve le etɔ̃ me ƒe ame nyanyɛwoe wɔ nua ɖe wo ŋu. Menye ame manyamanya aɖewoe va dze wo dzi le vo me o.\"\n—Talking Sex With Your Kids.\nWowɔa gbɔdɔnuwo ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Le United States la, ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo la dometɔ 10 le alafa me nye ŋutsuwo. Agbalẽ aɖe gblɔ be ŋutsu siwo ŋu wowɔ nu siawo ɖo la \"vɔ̃na be nu si wowɔ ɖe yewo ŋu ana be yewoazu ŋutsugbɔdɔlawo alo 'yewomeganye ŋutsu tututu o.'\"\n—Rape, Abuse & Incest National Network (RAINN).\nAle si gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu va bɔ egbea la mewɔ nuku kura o. Biblia gblɔe ɖi be le \"ŋkeke mamlɛawo me la,\" ame geɖewo anye \"ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o,\" \"ame wɔadãwo\" kple \"ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o.\" (2 Timoteo 3:1-3) Nɔnɔme siawo dzena kɔtɛe le ame siwo wɔa gbɔdɔnuwo ɖe amewo ŋu la ŋu.\nMenye ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuawo ɖo la ƒe agɔdzedzee o. Mesɔ be woawɔ gbɔdɔnuwo ɖe ame aɖeke ŋuti o. Nuwɔna ƒe fɔbubua katã le nua wɔlawo ɖeɖe dzi. Ke hã àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta va se ɖe afi aɖe ya teti.\nNu siwo nàte ŋu awɔ\nDzra ɖo. Dzra ɖo do ŋgɔ ɖe nu si nàwɔ ne ame aɖe di be yeawɔ gbɔdɔnu ɖe ŋuwò, eɖanye wò ŋugbetɔ alo dɔwɔhati ye gɔ̃ hã o la ŋu. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Erin ɖo aɖaŋu be ne èdi be yeadzra ɖo ɖe ale si nàwɔ anɔ te ɖe gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ame ŋu ƒomevi aɖe nu ŋu la, wò ŋutɔ wɔ ale si nɔnɔmea ate ŋu do mo ɖa la le ɖokuiwò si eye nàdzra ɖo ɖe ale si nàwɔ nui hã ŋu. Egblɔ be: \"Adze bometsinya na ame aɖewo ya, gake ne ète ŋu wɔ esia la, asesẽ ŋutɔ be nu siawo nadzɔ ɖe dziwò.\"\nBiblia gblɔ be: \"Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, . . . elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.\"\n—Efesotɔwo 5:15, 16.\nBia ɖokuiwò be: 'Nu kae mawɔ ne ame aɖe lé teƒe aɖe nam eye wòɖe fu nam?'\nDzra ɖo ɖe ale si nàsi le nɔnɔmea nu la ŋu. Agbalẽ si nye RAINN la gaɖo aɖaŋu be \"nàɖo nya nyanyɛ aɖe ɖi si anɔ nyanya na xɔwòwo kple wò ƒometɔwo ale be ne èɖo xaxa me eye nègblɔe ko la woanya evɔ ame si le gbɔwò ya mase naneke gɔme o. Esia ate ŋu ana be xɔ̃wòwo alo wò ƒometɔwo nava kplɔ wò dzoe.\" Gake àte ŋu aƒo asa na dzigbagbã geɖe ne èƒo asa na teƒe siwo nàte ŋu aɖo nɔnɔme sia me le.\nBiblia gblɔ be: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.\"\n—Lododowo 22:3.\nBia ɖokuiwò be: 'Ðoɖo kae mewɔ ale be ne meɖo nɔnɔme sia me la, mate ŋu asi le enu?'\nÐo seɖoƒewo eye nàlé wo me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, ne wò kple ame aɖe miele ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, wò kple wò ŋugbetɔa miɖo dze tso nu siwo miate ŋu awɔ ɖe mia nɔewo ŋu kple esiwo masɔ be miawɔ o la ŋu. Ne amea ya be ema mehiã kura o la, ke ehiã be nàdi ame bubu, ame si ade bubu wò dzidzenu siwo nu nènɔa agbe ɖo la ŋu.\nBiblia gblɔ be: \"Lɔlɔ̃ . . . mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o.\"\n—1 Korintotɔwo 13:4, 5.\nBia ɖokuiwò be: 'Dzidzenu kawo nue menɔa agbe ɖo? Nuwɔna kawoe mabu be womesɔ o?'","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/gb%C9%94d%C9%94nuw%C9%94w%C9%94-%C9%96e-ame-%C5%8Buti\/","date":"2018-02-24T11:34:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00485.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978603125,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997860312461853}","num_words":898,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1960\nDUKƆ SI ME WÒTSO: FRANCE\nAME SI WÒNYE TSÃ: ENYRƆ EÐOKUI ÐE ATIKE VƆ̃ÐI ZAZà ME EYE MEDEA BUBU NYƆNUWO ŊU O\nNYE ŊUTINYA:\nWodzim le Mulhouse, si nye nuto dahe aɖe si le France ƒe dzieheɣedzeƒe ƒe golɔgoe aɖe me. Enye nuto si me ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖo. Meɖoa ŋku edzi be le nye ɖevime la, ƒometɔwo wɔa dzre kutɔkutɔe le nutoa me. Le míaƒe ƒomea me la, wodaa nyɔnuwo ɖe anyi eye ƒãa hafi ŋutsuwo biaa woƒe susu le nyawo ŋu. Wofiam be nyɔnu ƒe nɔƒee nye dzodoƒe, eye eƒe dɔe nye be wòaɖa nu na ŋutsuwo kple ɖeviwo.\nNuwo menɔ bɔbɔe nam le nye ɖevime o. Esi mexɔ ƒe ewo la, fofonye ku le eƒe aha tsu nono ta. Ƒe atɔ̃ megbe la, fonyewo dometɔ ɖeka wu eɖokui. Le ƒe ma ke me la, mekpɔ amewuwu teƒe esime nye ƒometɔwo nɔ dzre wɔm, eye dzidzi ƒom ale gbegbe. Nye ƒometɔwo fia hɛdada kple tudadam eye wofiam ale si mada kɔe hã ne nɔnɔmea bia nenema. Esi menye ɖekakpui si tɔtɔ le agbe me ta la, mede asi ahanono me eye metaa nu ɖe ŋuti hã.\nKaka maxɔ ƒe 16 la, metea ŋu noa biya atukpa 10 va ɖo 15 gbe ɖeka, eye eteƒe medidi o, medze atike vɔ̃ɖi zazã gɔme. Be makpɔ ga na agbe vloe sia nɔnɔ la, medzraa gakpo gbegblẽwo eye mefia fi hã. Kaka maxɔ ƒe 17 la, mede gaxɔ me xoxo. Le wo katã me la, wodem ga zi 18 sɔŋ le fififi kple ŋutasẽnuwɔwɔ ta.\nEsi mexɔ tso ƒe 20 heyina la, nye nɔnɔmea gavloe ɖe edzi. Menoa gbekui babla abe 20 ene gbe ɖeka eye menoa heroin kple atike vɔ̃ɖi bubuwo hã. Edzɔ enuenu be meku kloe le esi menoe wògbɔ eme ta. Meva te atike vɔ̃ɖiwo dzadzra, eye le esia ta, hɛwo kple tuwo nɔa ŋunye ɣeawokatãɣi. Gbe ɖeka, meda tu ŋutsu aɖe, gake nanetɔe la, tukpea yi ɖalɔ gakpo si le eƒe alidziblanua ŋu eye naneke mewɔe o! Esi mexɔ ƒe 24 la, danye ku, eye nye adãwɔwɔa gadzi ɖe edzi. Ne mele mɔ dzi gbɔna eye amewo kpɔm la, wotsoa mɔ me yia akpa kemɛ le vɔvɔ̃ ta. Zi geɖe le kɔdada ta, ne nyemetsi kpovitɔwo si me le kwasiɖanuwuwuwo o la, ke metsia kɔdzi ale be woatɔ abi siwo mexɔ la nam.\nEsi mexɔ ƒe 28 la, meɖe srɔ̃. Abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, nyemebua srɔ̃nye ɖe naneke me o. Medzunɛ eye meƒonɛ hã. Míewɔa naneke ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene o. Mesusu be ne menya fia sikanuwo vana nɛ ko la, ema ɖeɖe su. Ke hã nane si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Yehowa Ðasefowo va dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nye. Le eƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔ megbe la, edzudzɔ atamanono, egbe be yemagaxɔ ga siwo mefina o, eye wògbugbɔ eƒe sikanuawo nam. Dzi kum vevie. Medze agbagba be maxe mɔ ɖe eƒe Biblia-sɔsrɔ̃a nu eye metua sigarɛt dzudzɔ ɖe mo nɛ. Meɖea alɔme le eŋu hã le míaƒe nutoa me.\nGbe ɖeka le zã aɖe me esi memu aha vlevlevle la, metɔ dzo míaƒe aƒea. Ne menye srɔ̃nyee xɔ na nye kple mía vinyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃ o la, anye ne míetsi dzoa me. Esi nye mo kɔ la, nye dzitsinya ɖe fu nam vevie. Mese le ɖokuinye me be Mawu matsɔe akem gbeɖe o. Meɖo ŋku edzi be mesee osɔfo aɖe gblɔ kpɔ be ame vɔ̃ɖiwo ayi dzo mavɔ me. Ðɔkta susuŋutinunyala si kpɔa gbɔnye la gblɔ nam be: \"Evɔ na wò! Womagate ŋu awɔ naneke tso ŋuwò o.\"\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nEsi míaƒe aƒea fia ta la, míeʋu yi ɖanɔ tonye kple lɔ̃xonye gbɔ. Esi Ðasefoawo va srɔ̃nye gbɔ la, mebia wo be, \"Ðe Mawu ate ŋu atsɔ nye nu vɔ̃wo katã akema?\" Wotsɔ 1 Korintotɔwo 6:9-11 me nyawo fiam le Biblia me. Biblia ƒe akpa ma ƒo nu tso nuwɔna siwo Mawu lé fui ŋu, gake egblɔ kpee be: \"Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.\" Nya mawo na meka ɖe edzi be mate ŋu atrɔ nye agbenɔnɔ. Eyome Ðasefoawo xlẽ 1 Yohanes 4:8 nam tsɔ ka ɖe edzi nam be Mawu lɔ̃m. Esia de dzi ƒo nam, eya ta megblɔ na Ðasefoawo be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim zi eve le kwasiɖa me, eye mete woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede. Menɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa ɣeawokatãɣi.\nLe ɣleti ɖeka me la, metso nya me be madzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã kple ahanono. Eteƒe medidi o, mese le ɖokuinye me be ʋiʋli sesẽ aɖe le edzi yim le menye! Drɔ̃e baɖabaɖawo kuku, taɖuame, lãmevee kple asiɖeɖe le atike vɔ̃ɖi zazã ŋu ƒe kuxi bubuwo va nɔ fu ɖem nam. Ke hã le ɣeyiɣi mawo me la, mese le ɖokuinye me be Yehowa lé nye alɔnu henɔ ŋusẽ domem. Mese le ɖokuinye me abe apostolo Paulo ene. Egblɔ tso ale si Mawu kpe ɖe eŋui ŋu be: \"Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.\" (Filipitɔwo 4:13) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu va ɖe asi le atamanono hã ŋu.—2 Korintotɔwo 7:1.\nMenye ɖeko Biblia kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ ko evɔ o, ena nye ƒomegbenɔnɔ hã nyo wu tsã. Ale si mewɔa nu ɖe srɔ̃nye ŋu hã trɔ. Medea bubu eŋu azɔ eye ne mele nu ƒom nɛ la, mezãa nya siwo nye \"meɖe kuku\" kple \"akpe.\" Meva nɔ agbagba dzem be manye vifofo nyui na mía vinyɔnuvia. Esi mesrɔ̃ Biblia ƒe ɖeka megbe la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ, abe ale si srɔ̃nye wɔe do ŋgɔ nam ene.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nMeka ɖe edzi be Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe na megakpɔtɔ le agbe. Nye ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o gɔ̃ hã kpɔe dze sii be anye ne ɖewohĩ meku le atike vɔ̃ɖiwo zazã ta alo wowum le kɔdada me.\nBiblia ƒe nufiafia siwo he susu yi agbanɔamedzi siwo kpɔ ŋkunyeme abe srɔ̃ŋutsu kple vifofo ene dzi la trɔ nye ƒomegbenɔnɔ keŋkeŋ. (Efesotɔwo 5:25; 6:4) Míeva te nuwo wɔwɔ ɖekae abe ƒome ene. Fifia, mekpea asi ɖe srɔ̃nye ŋu le nya nyui gbɔgblɔ dɔ si wòtsɔ wɔ eƒe agbemedɔe la me dzidzɔtɔe, le esi teƒe be mana wòanɔ dzodoƒe ko. Eye dzidzɔe wònye na eya hã be yeakpe asi ɖe ŋunye be mawɔ hamemetsitsi ƒe dɔ siwo kpɔ ŋkunyeme la nyuie.\nYehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nublanuikpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Medina vevie be maƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na ame siwo amewo buna be womate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ gbeɖegbeɖe o la, elabena nenemae amewo buam tsã. Menyae be ŋusẽ le Biblia si be wòakpe ɖe ame ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu wòanɔ agbe dzadzɛ eye taɖodzinu vavã nava nɔ eƒe agbe ŋu. Menye ɖeko Biblia fiam be malɔ̃ amewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ahade bubu wo ŋu ko evɔ o, ekpe ɖe ŋunye hã be made bubu ɖokuinye ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2016-may\/bubudede-ny%C9%94nuwo-kple-%C9%96okuinye-%C5%8Bu\/","date":"2018-02-21T21:18:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813803.28\/warc\/CC-MAIN-20180221202619-20180221222619-00103.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991086721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991086721420288}","num_words":1126,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo Na Míaƒe Ŋkekea\nIsrael viwo do go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ aɖe si womekpɔna dzea si bɔbɔe o la do ŋgɔ na Yordan Tɔsisia tsotso. Hadede kple Moabtɔ siwo le wo kasa na wo dometɔ aɖewo na ta le tetekpɔ me eye woƒo wo ɖokuiwo ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me. Woƒe nuwɔnawo kple nɔnɔme nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí egbea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/nuxl%C9%94%CC%83amekp%C9%94%C9%96e%C5%8Buwo-na-m%C3%ADa%C6%92e-%C5%8Bkekea\/","date":"2018-02-20T16:14:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812978.31\/warc\/CC-MAIN-20180220145713-20180220165713-00121.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990844727,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99908447265625}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.191,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Mawu Fiaɖuƒe si ŋu nya wogblɔ le Biblia me la gale vevie egbea? Kpɔ video sia nàkpɔ ale si nɔviwo ƒe habɔbɔ me tɔwo tso xexea me godoo va le nu srɔ̃m tso Fiaɖuƒe ma ŋu eye woɖee fia be ŋusẽ le eŋu fia la.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nƑe 2014 Dukɔwo Dome Takpekpewo\n—Yehowa Ðasefowo Le Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/yehowa-%C9%96asefowo-%C6%92e-%C6%92e-2014-duk%C9%94wo-dome-takpekpewo-video\/","date":"2018-02-20T16:13:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812978.31\/warc\/CC-MAIN-20180220145713-20180220165713-00121.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996712625,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967126250267029}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 2 2016 | Agbalẽ Nyui Aɖe Koe Biblia Nyea?\nSusu nyui aɖe tae wònye agbalẽ si gɔme woɖe heta wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe ɖo.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae amewo ade woƒe agbe afɔku me be yewoaxlẽ Biblia alo be wòanɔ yewo si?\nHELP FOR THE FAMILY\nBiblia me ɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siwo ate ŋu ana woanɔ te ɖe tɔtrɔ siawo nu bɔbɔe.\nINTERVIEW\nNufialagã Yan-Der Hsuuw xɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi se, gake esi wòva zu dzɔdzɔmeŋutinunyala si wɔa numekuku la, etrɔ susu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nDzimaɖitsitsi nyuitɔ ate ŋu aɖe vi; gake manyomanyoa ate ŋu agblẽ nu. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu?\nSrɔ̃ nu ʋɛ aɖewo tso xevi siawo siwo nya kpɔ ale gbegbe la ŋu.\nWATCHING THE WORLD\nNu siwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa ɖo kpe nunya si le Biblia me dzi.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nDmitry Korshunov nye ahanomunɔ, gake eva te Biblia la xexlẽ gbe sia gbe. Nu kae ʋãe wòwɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ me eye wòva le dzidzɔ kpɔm?\nDonald, si nye gamenɔla tsã, gblɔ ale si Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe eŋu wòva nya Mawu, wòtrɔ asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu wònyo wu eye wòzu srɔ̃ŋutsu nyui la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2016-april\/","date":"2018-02-20T16:16:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812978.31\/warc\/CC-MAIN-20180220145713-20180220165713-00157.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998857379,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988573789596558}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nya nyui kae le Mawu si na mí?\nMawu di be amewo nanɔ agbe le dzidzɔ me le anyigba dzi. Ewɔ anyigba la kple edzinuwo katã, elabena elɔ̃ ameƒomea. Eteƒe madidi o ahe etsɔme nyui aɖe vae na anyigbadzitɔwo katã. Ana gbɔdzɔe ameƒomea tso nu siwo hea fukpekpe vanae me.—Xlẽ Yeremiya 29:11.\nDziɖuɖu aɖeke mete ŋu ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ, dɔléle, alo ku ɖa o. Gake nya nyui aɖe li. Eyae nye be eteƒe madidi o, Mawu ana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. Eteviwo anɔ ŋutifafa kple lãmesẽ blibo me.—Xlẽ Yesaya 25:8; 33:24; Daniel 2:44.\n2. Nu ka tae nya nyuia hiã kpata ɖo?\n3. Nu kae wòle be míawɔ?\nEle be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu le eƒe Nya Biblia la me. Biblia le abe lɛta aɖe si vifofo lɔ̃ame aɖe ŋlɔ na viawo ene. Egblɔ ale si míawɔ agbe nadze edzi na mí fifia kple ale si míawɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi le etsɔme hã na mí. Enye nyateƒe be madzɔ dzi na ame aɖewo ne wokpɔ be wole kpekpem ɖe ŋuwò be nàse Biblia gɔme o. Gake mègaɖe mɔ naneke nana etsɔme nyui sia nato ŋuwò o.—Xlẽ Lododowo 29:25; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/nu-kae-nye-nya-nyui-la\/","date":"2018-03-19T22:26:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00479.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954107404,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954107403755188}","num_words":193,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JANUARY (DZOVE) 15, 2016\nAZERBAIJAN\nLe January (Dzove) 14, 2016 dzi la, Pirallahi Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Baku le Azerbaijan-dukɔa me ƒe ʋɔnudrɔ̃la Akram Gahramanov gagli aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ƒe nya la ake. Egblɔ be yemate ŋu adrɔ̃ nya la o le esi aƒenɔ Zakharchenko ƒe lãmegbegblẽ wɔe be mete ŋu va kodzoɖoƒea o ta. Eda kodzoɖoɖoa ɖe January (Dzove) 28, 2016 dzi.\nNya la dɔdrɔ̃ hehe ɖe megbe alea le nu gblẽm le nyɔnu siawo ŋu, elabe esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ mele senyala siwo le wo ta ʋlim la si sum be woaʋli wo ta ne woaɖe asi le wo ŋu o. Esi wònye be ale si wolé wo tu ɣleti 11 sɔŋ lae gblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu ta la, tɔtete ɖe edzi madzemadzee be ele be aƒenɔ Zakharchenko nanɔ kodzoa me hafi woadrɔ̃ nya la kple afɔdidi na nya la hã ganye nu manyomanyo bubuwo wɔwɔ ɖe wo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83la-gli-kodzo%C9%96o%C9%96oa-20160115\/","date":"2018-03-17T20:24:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645310.34\/warc\/CC-MAIN-20180317194447-20180317214447-00333.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990247488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990247488021851}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Braɖa, April 11 lia dzi la, mía nɔvi Kristotɔ geɖe siwo gbɔdzɔ la ava Ŋkuɖodzia. Wodze agbedua ƒuƒu gɔme gake wova gbɔdzɔ le susu vovovowo ta. Woƒo nu tso susu mawo dometɔ aɖewo ŋu le agbalẽ gbadza si nye Trɔ Va Yehowa Gbɔ la me. (Heb 12:1) Gake ame siwo gbɔdzɔ la gaxɔ asi na Yehowa, ame si tsɔ Via ƒe ʋu ƒle wo la. (Dw 20:28; 1Pe 1:18, 19) Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava hamea me?\nHamemetsitsiwo dia nɔvi Kristotɔ siwo gbɔdzɔ eye wokpena ɖe wo ŋu abe ale si alẽkplɔla dia alẽ si bú tso alẽha la gbɔ ene. (Lk 15:4-7) Ne wowɔe alea la ke wole ale si Yehowa léa be na ame lɔlɔ̃tɔe la srɔ̃m. (Yr 23:3, 4) Mí katã míate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo gbɔdzɔ la, menye hamemetsitsiwo ɖeɖe ko o. Ne míedze agbagba kpe ɖe wo ŋu eye míese nu gɔme na wo la, adze Yehowa ŋu eye wòaɖo eteƒe na mí. (Lod 19:17; Dw 20:35) Eya ta kpɔe ɖa be ame kae yeate ŋu ade dzi ƒo na hã, eye nàwɔe kaba!\nMIKPƆ VIDEO SI NYE MIDE DZI ƑO NA GBƆDZƆGBƆDZƆTƆWO, EYOME MIÐO BIABIA SIWO GBƆNA LA ŊU:\nAfɔ kae Abbey ɖe esi wòdo go Ðasefo aɖe si menya o?\nNu ka tae wòle be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu gbã ne míedi be míakpe ɖe nɔvi aɖe si gbɔdzɔ ŋu?\nNu kae Abbey wɔ tsɔ dzra ɖo hafi yi Laura gbɔ zi evelia?\nNu kae fia be Abbey mena ta o, egbɔ dzi ɖi, eye wòɖee fia Laura be yelɔ̃e esime wònɔ dzi dem ƒo nɛ?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si le Luka 15:8-10 la me?\nNu kae do tso agbagba siwo Abbey kple hamemetsitsiawo dze be yewoakpe ɖe Laura ŋu me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr10-16\/de-dzi-%C6%92o-kristot%C9%94-gb%C9%94dz%C9%94\/","date":"2018-03-17T19:26:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645280.4\/warc\/CC-MAIN-20180317174935-20180317194935-00133.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988740683,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988740682601929}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ nuvɔ̃ dziŋɔ, si wɔm wole la ɖa! Wole Yesu wum. Wohee ɖe ati ŋu. Woƒo gatagbadzɛ ɖe eƒe asiwo kple afɔwo. Nukatae ame aɖe adi be yeawɔ Yesu alea?\nElabena ame aɖewo lé fu Yesu. Ènya amesiwo wonyea? Wo dometɔ ɖekae nye mawudɔla vɔ̃ɖi, Satana Abosam. Eyae te ŋu ble Adam kple Xawa be wogbe toɖoɖo Yehowa. Eye Satana kee na Yesu ƒe futɔwo wɔ nuvɔ̃ dziŋɔ sia.\nHafi woaklã Yesu ɖe ati sia ŋu gɔ̃ hã la, eƒe futɔwo wɔ funyafunyae. Èɖo ŋku alesi wova Getsemane-bɔa me hekplɔe dzoe la dzia? Amekawoe nye futɔawo? Woawoe nye subɔsubɔhakplɔlawo. Na míakpɔ nusi dzɔ emegbe ɖa.\nEsi subɔsubɔhakplɔlawo lé Yesu la, eƒe apostolowo si. Wogblẽ Yesu ɖeka ɖe eƒe futɔwo gbɔ, elabena wovɔ̃. Gake apostolo Petro kple Yohanes meyi didiƒe o. Wokplɔ wo ɖo be woakpɔ nusi adzɔ ɖe Yesu dzi la.\nNunɔlawo kplɔ Yesu yi ame tsitsi Hana gbɔe, amesi nye nunɔlagã tsã. Ameha la menɔ afima eteƒe didi o. Emegbe wokplɔ Yesu yi Kayafa, amesi nye nunɔlagã fifia la ƒemee. Subɔsubɔhakplɔla geɖe ƒo ƒu ɖe aƒe sia me.\nKayafa ƒe aƒe sia mee wodrɔ̃ ʋɔnui le. Wokplɔ amewo vɛ be woaka aʋatso ɖe Yesu si. Subɔsubɔhakplɔlawo katã gblɔ be: 'Ele be woawu Yesu.' Woɖe ta ɖe mo nɛ hetu kɔe.\nEsi esiawo katã nɔ edzi yim la, Petro nɔ aƒe la godo. Vuvɔ nɔ wɔwɔm le zã ma me, eyata ameawo do dzo. Esi wonɔ dzoa ƒum la, dɔla nyɔnuvi aɖe kpɔ Petro hegblɔ be: 'Amesia hã nɔ Yesu ŋuti.'\nPetro ɖo ŋu be: 'Ao, nyemenɔ eŋuti o!'\nAmewo gblɔ na Petro zi etɔ̃ be enɔ Yesu ŋuti. Gake Petro gblɔ le ɖesiaɖe me be alakpae. Esi Petro gblɔ esia zi etɔ̃lia la, Yesu trɔ hekpɔ eŋku me. Eve Petro ŋutɔ be yeda alakpa siawo, eye wòdo go hefa avi.\nEsi ɣe la le dzedzem le Fiɖagbe ŋdi la, nunɔlawo kplɔ Yesu yi woƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒegã lae. Wode ŋugble le nusi woawɔ nɛ la ŋu le afisia. Wokplɔe yi Pontio Pilato, amesi nye Yudea-nuto la ƒe dziɖula la gbɔe.\nNunɔlawo gblɔ na Pilato be: 'Ŋutsu sia la, ame baɖae, ele be woawui.' Esi Pilato bia nyawo Yesu vɔ la, egblɔ be: 'Nyemekpɔ be ewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.' Eye Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes Antipa. Herodes nye Galilea-dziɖula, gake ele Yerusalem. Herodes hã kpɔ be Yesu mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, eyata egatrɔe ɖo ɖe Pilato.\nPilato di be yeaɖe asi le Yesu ŋu. Gake Yesu ƒe futɔwo di be woaɖe asi le gamenɔla bubu boŋ ŋu. Eyae nye adzodala Baraba. Fifia anɔ abe ŋdɔ ɣeɖota ene esime Pilato kplɔ Yesu do goe. Egblɔ na ameawo be: 'Mikpɔ miaƒe Fia la ɖa!' Gake nunɔlagãwo do ɣli be: 'Mikplɔe yii! Miwui! Miwui!' Eyata Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti, eye wokplɔ Yesu yina wuwu ge.\nWohe Yesu ɖe ati ŋu le Fiɖagbe ŋdɔ me. Le Yesu ƒe axa eveawo dzi la, wowu hlɔ̃dola aɖewo hã aɖe ati ŋu, gake woawo ya mele nɔnɔmetata la me o. Do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la, hlɔ̃dolawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: 'Ne èɖo wò fiaɖuƒe me la, nàɖo ŋku dzinye.' Yesu ɖo ŋu be: 'Medo ŋugbe na wò be, ànɔ Paradiso la me kplim.'\nMenye ŋugbedodo nyui aɖee ma oa? Ènya Paradiso, si ƒe nya gblɔm Yesu lea? Afikae paradiso, si Mawu wɔ le gɔmedzedzea me la nɔ? Anyigba dzie. Eyata ne Yesu le fia ɖum le dziƒo la, afɔ amesia va agbe mee be wòase vivi le Paradiso yeye me le anyigba dzi. Ðe esia mado dzidzɔ na mí oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-%C6%92e-ku\/","date":"2018-03-17T05:03:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257644271.19\/warc\/CC-MAIN-20180317035630-20180317055630-00458.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975045919,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975045919418335}","num_words":588,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nusi fɔm ameawo le le anyigba la ŋkɔa? Ele abe afubabla ene. Ele ɣie, eye wòle wodzoe hele futufutu. Gake menye afubablae o; nuɖuɖue wònye.\nAnɔ abe ɣleti ɖeka koe ma ene tso esime Israel-viwo dzo le Egipte. Wole gbeadzi. Teƒe sia mewɔa nuɖuɖu o, eyata ameawo to nyatoƒoe be: 'Ne Yehowa ɖe wòwu mí le Egipte la, ne enyo na mí wu. Nuɖuɖu, siwo katã míedi la ya teti le afima.'\nEyata Yehowa gblɔ be: 'Mana nuɖuɖu nadza tso dziƒo.' Eye Yehowa wɔ nenema. Esi ŋu ke ŋdi, eye Israel-viwo kpɔ nu ɣi sia si dza la, wobia wo nɔewo be: 'Nukae nye sia'?\nMose gblɔ be: 'Esiae nye nuɖuɖu, si Yehowa na mi be miaɖu.' Ameawo yɔe be MANA. Evivina abe tatali, si wotsɔ anyitsi wɔe ene.\nMose gblɔ na ameawo be: 'Mia dome amesiame nafɔ esi nu wòate ŋu aɖu la.' Eyata wofɔnɛ alea ŋdi sia ŋdi. Ke ne ŋdɔ ʋu la, mana, siwo tsi anyigba la lólona.\nMose gagblɔ bena: 'Ame aɖeke megadzra mana la ƒe ɖe ɖo ŋu nake ɖe edzi o.' Gake ame aɖewo sẽ to. Ènya nusi dzɔa? Esi ŋu ke la, mana si wodzra ɖo la katã dze nyẽ hedze ʋeʋẽ gɔme!\nGake kwasiɖa la ƒe ŋkeke ɖeka aɖe li, esi dzi Yehowa gblɔ na wo be woafɔ mana la ƒe agbɔsɔsɔme la ƒe teƒe eve. Esiae nye ŋkeke adelia. Yehowa gblɔ na wo be woadzra ɖe ɖo hena etsɔ, elabena yemana ɖeke nadza le ŋkeke adrelia dzi o. Ne wodzra mana la ɖo seɖe ŋkeke adrelia dzi la, medzea nyẽ o, eye meʋẽna hã o! Esia hã nye nukunu bubu!\nYehowa nyi Israel-viwo kple mana le ƒe, siwo katã wonɔ gbeadzi la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/nu%C9%96u%C9%96u-si-nye-mana\/","date":"2018-04-24T13:31:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946688.88\/warc\/CC-MAIN-20180424115900-20180424135900-00239.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999461472,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994614720344543}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke wowɔna tsɔa dzo tso teƒe aɖe yia teƒe bubu le blema ɣeyiɣiwo me?\nBIBLIA ŋutinya si dze le 1 Mose 22:6 gblɔ be esi Abraham nɔ dzadzram ɖo be yeasa vɔ na Mawu le teƒe didi aɖe la, Abraham \"tsɔ numevɔsa ƒe nake la ɖo ta na via Isak. Etsɔ dzo kple hɛ ɖe asi, eye wo kple evea woyi azɔlia dzi.\"\nŊɔŋlɔawo megblɔ ale si wowɔna doa dzo le blema o. Biblia ŋuti numeɖela aɖe gblɔ be \"manɔ bɔbɔe be woatsɔ\" dzo si le xɔxɔm kple dzoƒaɖe la \"azɔ mɔ legbee\" ma si Abraham kple Isak zɔ o. Eya ta, anɔ eme be dzo si ŋu nuŋlɔɖia ƒo nu tsoe la ku ɖe nu siwo woazã atsɔ ado dzoe ŋu.\nGake Biblia ŋuti numeɖela bubuwo gblɔ be menɔa bɔbɔe kura be woado dzo le blema ɣeyiɣiwo me o. Amewo akpɔe be anɔ bɔbɔe be yewoaɖe dzoka tso aƒelikawo gbɔ, tsɔ wu be yewoado dzo le yewo ɖokui si. Eya ta agbalẽnyala geɖe xɔe se be nu si Abraham tsɔ ɖe asie nye nugoe aɖe, si ŋu woanya tsi gakɔsɔkɔsɔ ɖo, si me woate ŋu aɖe dzoka xɔxɔ siwo wozã kpɔtɔ le zã si do ŋgɔ me la ɖo. (Yes. 30:14) Woate ŋu azã dzoka xɔxɔ siwo wotsɔ ɖe nugoe me alea kpakple nake wuwluiwo atsɔ ado dzoe enumake le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-january-2017\/ts%C9%94a-dzo-yia-te%C6%92e-blema\/","date":"2018-04-20T09:51:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986191392,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986191391944885}","num_words":223,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.\"\nYehowa di be míalɔ̃ \"nu si le eteƒe\" la wɔwɔ. (Mixa 6:8) Nuteƒewɔwɔ le vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me, elabena esia manɔmee la, srɔ̃tɔwo maka ɖe wo nɔewo dzi o. Evɔ ehiã vevie be srɔ̃tɔwo naka ɖe wo nɔewo dzi hafi ko woate ŋu alɔ̃ wo nɔewo.\nEgbea, nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ɖo afɔku me. Be nàkpɔ wò srɔ̃ɖeɖea ta la, ele be nàɖoe kplikpaa awɔ nu eve siwo gbɔna.\n1 NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NANƆ VEVIE NA WÒ\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: 'Kpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.' (Filipitɔwo 1:10) Wò srɔ̃ɖeɖeae nye nu siwo le vevie na wò wu le agbe me la dometɔ ɖeka. Eya ta ehiã be nàbui nu vevii.\nYehowa di be srɔ̃wò nanye ame si gbɔ melɔ̃a nu le o eye wòdi hã be 'miaɖu agbe' ɖekae. (Nyagblɔla 9:9) Ena eme kɔ ƒãa be mele be miagbe ɖetsɔtsɔ le eme na mia nɔewo gbeɖe o, ke boŋ ele be mi ame evea miadi mɔ siwo dzi miato anɔ dzidzɔ dom na mia nɔewo. (1 Korintotɔwo 10:24) Na srɔ̃wòa nase le eɖokui me be yele vevie na wò eye nèkpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ:\nMidze agbagba miadi ɣeyiɣi anɔ nuwo wɔm ɖekae eye miaƒe susu nanɔ mia nɔewo ŋu bliboe\nBu srɔ̃wòa ŋu ne èdi be yeawɔ nane\n2 DZƆ WÒ DZI ŊU\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.\" (Mateo 5:28) Ne èle gbɔdɔnuwɔnawo ŋu bum ɖe ame bubu ŋu la, ke le mɔ aɖe nu la, mèle nuteƒe wɔm na srɔ̃wò o.\nYehowa gblɔ be ele be 'nàdzɔ wò dzi ŋu.' (Lododowo 4:23; Yeremiya 17:9) Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be nàkpɔ nyuie le nu siwo nèkpɔna la ŋu. (Mateo 5:29, 30) Srɔ̃ blemafofo Hiob, ame si bla nu kple eƒe ŋkuwo, be yemana nyɔnu bubu nadzro ye gbeɖe o. (Hiob 31:1) Ðoe kplikpaa be yemakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo gbeɖe o. Ðoe kplikpaa hã be yemaɖe mɔ ame si menye ye srɔ̃ o la ƒe nu nalé dzi na ye o.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ:\nNa wòadze kɔtɛe na amewo be yeɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na ye srɔ̃\nBu srɔ̃wò ƒe seselelãmewo ŋu eye nàtso kadodo ɖe sia ɖe si ana wòaʋã ŋu la me enumake","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/miw%C9%94-nute%C6%92e-na-mia-n%C9%94ewo\/","date":"2018-04-23T15:03:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979144335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979144334793091}","num_words":392,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 18, 2015\nSOUTH KOREA (CORÉE DU SUD)\nLe May 12, 2015 dzi la, Gwangju Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be Yehowa Ðasefo etɔ̃ siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe le dzitsinya ta o la medze agɔ o. Ʋɔnudrɔ̃lagã Choi, Chang-seok gblɔ le nyametsotsoa me be: \"Ele vevie be ale si woɖea dzitsinya ƒe ablɔɖe si ŋu Dukplɔsea ɖe mɔ ɖo kple ale si woɖea dukɔa ƒe dedienɔnɔ nyawo me la nawɔ ɖeka.\" Egblɔ kpee be: \"Ne amegbetɔ ƒe gomenɔamesise vevi aɖe mewɔ ɖeka kple dukplɔsea ƒe se bubu aɖe, abe dɔ siwo kpɔ dukɔmeviwo ŋkume wɔwɔ ene o la, esɔ be woaɖe sea me le mɔ aɖe nu be wòade amegbetɔ ƒe gomenɔamesisewo kple dukɔa ƒe dedienɔnɔ nyawo siaa dzi ale si wòanya wɔe.\" Ðasefoawo le lalam be ʋɔnudrɔ̃la amesamala nabia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye le ŋkeke adre me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/south-korea\/ame-siwo-gbe-asrafo-%C6%92e-hehe-x%C9%94x%C9%94-20150518\/","date":"2018-04-23T15:05:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999102354,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991023540496826}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. Yehowa subɔla David ƒe ha si wòkpa na Yehowa le gbe si gbe Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kple Saul si me. Egblɔ be:+ 18 Oo Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.+ 2 Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ́ sesẽ, kple nye Xɔnametɔ.+ Nye Mawue nye nye agakpe,+ eyae mesi tso,Nye akpoxɔnu kple nye xɔxɔ* ƒe dzo,* nye dedienɔƒe.+ 3 Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,Aɖem tso nye futɔwo si me.+ 4 Ku ƒe kawo ɖe to ɖem;+Yakamewo ƒe tsiɖɔɖɔwo do ŋɔdzi nam.+ 5 Tsiẽƒe* ƒe kawo ƒo xlãm;Ku ƒe mɔ̃tetrewo ƒo gom.+ 6 Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me,Eye mele ɣlidodo dzi na nye Mawu be wòaxɔ nam. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me,+Eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.+ 7 Ale anyigba ʋãnya, eye wòʋuʋu kpekpekpe;+Towo ƒe anyinɔwo ʋuʋuEye wodzo kpekpekpe, elabena wodo dziku nɛ.+ 8 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me,Eye dzo flafla do tso eƒe nu me;+Dzoka xɔxɔwo tso egbɔ. 9 Eviã dziƒowo eye wòɖi ɖe anyi.+Eye blukɔ le eƒe afɔ te.+ 10 Enɔ kerubi dzi dzo va.+ Eɖiɖi kaba le gbɔgbɔ* ƒe aʋalawo dzi.+ 11 Etsyɔ blukɔ,+Tsiziwo kple alilikpo dodowo ƒo xlãe,+Abe agbadɔ ene. 12 Keklẽ si le eŋgɔ la meeKpetsi kple dzoka xɔxɔwo do tso va to alilikpoawo me. 13 Yehowa ɖe gbe le dziƒowo;+Dziƒoʋĩtɔ la na eƒe gbe ɖi+Le kpetsi kple dzoka xɔxɔwo me. 14 Eda eƒe aŋutrɔwo tsɔ ka wo hlẽ;+Eɖo eƒe dzikedzowo ɖa eye wòna wotɔtɔ.+ 15 Tɔwo* gɔme dze;+Eye anyigba la ƒe agunuwo tsi ƒeƒle le wò bublu la ta, Oo Yehowa,Le esi wò ŋɔtimegbɔgbɔ gbɔ ɖe wo la ta.+ 16 Edo asi ɖa tso dzi lém;Eye wòhem tso tsi goglowo me.+ 17 Eɖem tso nye futɔ sesẽ la si me,+Tso ame siwo lé fum, siwo sesẽ wum la si me.+ 18 Wodze dzinye le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe dzinye,+Ke Yehowae nye nye ziɔɖeŋu. 19 Ekplɔm do goe yi dedienɔƒe;*Eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.+ 20 Yehowa ɖoa eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu;+Eɖoa eteƒe nam elabena nye asiwo me dza.+ 21 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi,Eye nyemetrɔ le nye Mawu yome wònye vɔ̃ mewɔ ɖe eŋu o. 22 Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã le ŋkunyeme;Nyemedo vlo eƒe sewo o. 23 Manye ame maɖifɔ le eŋkume,+Eye makpɔ ɖokuinye dzi ɖe vodada ŋuti.+ 24 Yehowa neɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu,+Le esi nye asi me dza le eŋkume ta.+ 25 Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe;+Èwɔa nu fɔmaɖitɔe ɖe ame maɖifɔ ŋu;+ 26 Èdza na ame si dza,+Ke àdze aye ɖe ame si ƒe mɔ glɔ̃ ŋu.+ 27 Elabena èxɔna na ame tsɛwo;*+Ke èbɔbɔa dadalawo* ɖe anyi.+ 28 Oo Yehowa, wòe nana nye akaɖi klẽna,Nye Mawu si nana nye viviti me kɔna.+ 29 Elabena wò kpekpeɖeŋu ana manya adzoha ɖe nu;+Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, mate ŋu aflɔ gli.+ 30 Mawu vavã la ƒe mɔ de blibo;+Yehowa ƒe nya dza.+ Akpoxɔnu wònye na ame siwo katã sinɛ tsona.+ 31 Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu?+ Eye ame kae ganye agakpe? Ðe menye mía Mawu la ɖeɖe koe oa?+ 32 Mawu vavã lae doa ŋusẽm,+Ana nye mɔ nade blibo.+ 33 Ena nye afɔwo le abe zinɔ tɔ ene;Ena metsi tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.+ 34 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo;Ale be nye alɔwo nate ŋu abi akɔblidati. 35 Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu nam,+Wò nuɖusi léam ɖe te,Eye wò ɖokuibɔbɔ doa gãm.+ 36 Èkeke nye afɔɖoƒewo;Nye afɔwo maɖiɖi o.*+ 37 Mati nye futɔwo yome, eye matu wo,Nyematrɔ o, va se ɖe esime wotsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. 38 Magbã wo gudugudu, ale be fɔfɔ maganɔ wo ŋu o;+Woadze anyi ɖe nye afɔ te. 39 Àtsɔ ŋusẽ abla akpa nam ɖe a��a la ŋu;Àna nye futɔwo nadze anyi ɖe tenye.+ 40 Àna nye futɔwo nasi le nunye,*Eye mana ame siwo lé fum la nu nayi.+ 41 Wodoa ɣli be woaxɔ na yewo, ke xɔnametɔ aɖeke meli o;Wodoa ɣli na Yehowa, ke metɔna na wo o. 42 Mato wo memie woanɔ abe ʋuʋudedi le ya nu ene;Matsɔ wo aƒu gbe abe kpɔdomeeba ene. 43 Àɖem tso ame siwo dia vodada le ŋunye la si me.+ Àɖom dukɔwo ƒe tatɔe.+ Dukɔ si nyemenya o la asubɔm.+ 44 Nya si woase le ŋunye ɖeɖe ana woaɖo tom;Amedzroviwo ava bɔbɔ ɖe ŋkunyeme.+ 45 Dzi aɖe le amedzroviwo ƒo;*Eye woanɔ ƒoƒom kpakpakpa ado tso woƒe bebeƒewo ava. 46 Yehowa le agbe! Woakafu nye Agakpe la,+ Woado nye xɔxɔ ƒe agakpe ƒe Mawu la ɖe dzi.+ 47 Mawu vavã lae biaa hlɔ̃ nam;+Ebɔbɔa dukɔwo ɖe tenye. 48 Eɖeam tso nye futɔ siwo do dziku la si me;Èdoam ɖe dzi megbɔa ame siwo tso ɖe ŋunye la ta;+Èɖeam tso ŋutasẽla la si me. 49 Oo Yehowa, esia tae makafu wò le dukɔwo dome ɖo,+Eye madzi kafukafuha* na wò ŋkɔ la.+ 50 Ewɔa xɔxɔdɔ gãwo na eƒe fia la;*+Eye wòɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa eƒe amesiamina la,+Eɖenɛ fiana David kple eƒe dzidzimevi la tegbee.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nye xɔnametɔ sẽŋu.\"\n^ Alo, \"ya.\"\n^ Alo, \"Tɔʋuwo.\"\n^ Alo, \"teƒe si keke.\"\n^ Alo, \"ame siwo wote ɖe anyi.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dadaŋkuwo.\"\n^ Alo, \"afɔkɔewo nagagli o.\"\n^ Alo, \"Àna nye futɔwo natrɔ ʋume dem.\"\n^ Alo, \"Du bubu me tɔwo ƒe ŋusẽ avɔ.\"\n^ Alo, \"maƒo ha.\"\n^ Alo, \"Ena eƒe fia la kpɔ dziɖuɖu gãwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/18\/","date":"2018-04-21T01:00:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00161.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980620146,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998062014579773}","num_words":826,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NƆVIŊUTSU François, si nye hamemetsitsi le dukɔ madeŋgɔ aɖe me gblɔ be: \"Esi woda akɔ hetia dukplɔla yeye megbe teti la, ʋunyaʋunyawɔwɔ ɖo dukɔa me, si na wòva hiã be Yehowa Ðasefo akpe geɖe nasi le woƒe aƒewo me. Nuɖuɖu vɔ, atikewo kpɔkpɔ sesẽ, eye nu ʋɛ siwo nàkpɔ aƒle la xɔ asi ale gbegbe. Wotu gadzraɖoƒewo, ga vɔ le mɔ̃ siwo me woɖea ga le me eye ɖewo hã gbe dɔwɔwɔ.\"\nEnumake nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea te ga kple nuhiahiã veviwo ɖoɖo ɖe Ðasefo siwo si dzo le woƒe aƒewo me heva ƒo ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo me le dukɔa me godoo. Dunyaheha eveawo siaa xe mɔwo, gake esi wonya be Ðasefowo medea nu dunyahehe me kura o ta la, zi geɖe la, woɖea mɔ na alɔdzedɔwɔƒea ƒe ʋuwo wova yina.\nFrançois gblɔ be: \"Esi míele mɔ dzi yina Fiaɖuƒe Akpata aɖe me la, asrafo siwo de xa ɖi la te tudada míaƒe ʋua. Gake ɖeko tukpeawo toa mía dome yina. Esi míekpɔ asrafo aɖe si lé tu ɖe asi gbɔna mía gbɔ kple du la, míeku ʋua yi megbemegbe, eyome míetrɔ ʋua hekui sesĩe trɔ yi alɔdzedɔwɔƒea. Míeda akpe na Yehowa be míetsi agbe. Le ŋufɔke la, mía nɔvi 130 siwo nɔ Fiaɖuƒe Akpata ma me la dzo le nuto ma me yi afi si le dedie wu. Nɔvi aɖewo va tsi alɔdzedɔwɔƒea, eye míekpɔ woƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ va se ɖe esime ʋunyaʋunyaa nu va yi.\"\nFrançois gblɔ yi edzi be: \"Emegbe alɔdzedɔwɔƒea xɔ akpedalɛta gbogbo aɖewo tso nɔvi siwo le dukɔa ƒe akpa vovovowo gbɔ. Esi nɔvi mawo kpɔ kpekpeɖeŋu si gbegbe wo nɔvi siwo tso teƒe bubuwo na wo la, ena woƒe kaka ɖe Yehowa dzi me gasẽ ɖe edzi.\"\nNe afɔku ɖe sia ɖe ƒomevi dzɔ la, míegblɔna na mía nɔvi siwo hiã tu la be \"dzo naɖo lãme na mi, eye miɖu nu ɖi ƒo\" o. (Yak. 2:15, 16) Ke boŋ míedzea agbagba ɖe sia ɖe kpɔa woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Nenema kee le ƒe alafa gbãtɔ me esi nusrɔ̃lawo se be dɔ gã aɖe ato la, \"nusrɔ̃lawo ɖoe kplikpaa, wo dometɔ ɖe sia ɖe ale si wòate ŋui, be yewoawɔ kpekpeɖeŋudɔ to nane ɖoɖo ɖe nɔvi siwo le Yudea la dzi.\"—Dɔw. 11:28-30.\nMí Yehowa subɔla siwo li egbea hã míelɔ̃na faa naa ŋutilã me kpekpeɖeŋu ame siwo hiã tu. Gake gbɔgbɔmenuwo hã hiã amewo vevie. (Mat. 5:3) Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, ale be woakpe ɖe wo ŋu woanyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo eye woaɖe afɔ siwo hiã atsɔ akpɔ wo gbɔ. (Mat. 28:19, 20) Mía dometɔ ɖe sia ɖe zãa eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Eye abe habɔbɔ ene la, míezãa gadzɔdzɔwo tsɔ kpɔa mía nɔviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ; ke hã Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ kple nya nyui gbɔgblɔ dɔa koŋ ŋue míezãa gaa ɖo. Míetoa esiawo dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu kple mía haviwo.—Mat. 22:37-39.\nAme siwo katã doa alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa ate ŋu aka ɖe edzi be wozãa yewoƒe gadzɔdzɔwo nyuie le mɔ si sɔ nu. Ðe nàte ŋu akpe asi ɖe nɔviwòwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋua? Ðe nèdi be yeado alɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa? Ekema \"mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.\"—Lod. 3:27.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20131115\/l%C9%94l%C9%94%CC%83nu-faa-nudz%C9%94dz%C9%94\/","date":"2018-04-25T11:20:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980820417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980820417404175}","num_words":545,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JUNE 1, 2015\nRUSSIA\nWogadze ʋɔnudɔdrɔ̃ Yehowa Ðasefo 16 siwo wodrɔ̃ ʋɔnu le Taganrog si le Russia va yi la gɔme le February 2015 me, eye wole edzi ɣleti atɔ̃ sɔŋue nye esia. Wobe woalé Ðasefoawo de ga ahado fe gbogbo aɖewo na wo le esi wole woƒe xɔsedɔwo wɔm la ɖeɖe dzaa ko ta.\nNyadɔdrɔ̃ gbãtɔ dze egɔme le May 13, 2013 dzi esi wotso wo nu be wole gome kpɔm le dɔwɔna siwo dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea do fe na Ðasefo adre eye wòtso nya me be woalé wo dometɔ ene aɖewo ade ga ƒe gbogbo aɖewo, gake ʋɔnudrɔ̃laa ɖo asi woƒe gameyiyia dzi gbɔ. Gake ʋɔnudrɔ̃la amesamalaa ya bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃. Le December 12, 2014 dzi la, nyagbugbɔdrɔ̃ƒe la ɖe gbe be woagbugbɔ nya la adrɔ̃. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be nyagbugbɔgadrɔ̃ sia awu enu le June ƒe nuwuwu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/taganrog-nyametsotso-gb%C9%94na-20150601\/","date":"2018-04-25T11:14:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999587357,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99958735704422}","num_words":142,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tɔgbuinye kple fofonye wonɔ aƒe aɖe si nu womewu o la me le kɔƒedu aɖe si nye Cotiujeni, si le afi si woyɔna fifia be Moldova la ƒe dziehe. Afi mae wodzim le le December 1939 me. Tɔgbui kple Papa wozu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Esi Dada va kpɔe dze sii be tɔgbuinye nya Biblia wu nunɔla si le kɔƒea me la, eya hã va zu Ðasefo.\nEsime mexɔ ƒe etɔ̃ la, wova lé fofonye, tɔnyeɖia kple tɔgbuinye yi dɔsesẽwɔsaɖawo me le esi wonye Kristotɔ siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o ta. Fofonye koe tsi agbe. Woɖe asi le eŋu le ƒe 1947 me le Xexemeʋa II lia megbe, gake egbɔ kple dzimeƒu ŋeŋee. Togbɔ be nu vevi wɔe vevie hã la, eƒe xɔse ya megbɔdzɔ kura o.\nTƆTRƆ GÃWO VA MÍAƑE AGBE ME\nEsime mexɔ ƒe asieke la, wokplɔ míaƒe ƒomea kpe ɖe Ðasefo alafa geɖe siwo nɔ Moldova la ŋu yi aboyo me, le Siberia. July 6, 1949 dzie wode mí ketekexɔvi siwo me wokɔa nyiwo ɖo la me tsɔ dze mɔe. Esi míezɔ kilometa 6,400 ƒe mɔ zã kple keli hena ŋkeke 12 megbe la, míeva tɔ ɖe Lebyazhe ƒe ketekedzeƒea. Dua me megãwo nɔ mía lalam le afi ma. Enumake woma mí ɖe ƒuƒoƒo suewo me hekaka mí ɖe nutoa ƒe teƒe vovovowo. Suku sue aɖe si womegazãna o lae va zu ƒuƒoƒo si me míenɔ la ƒe nɔƒe. Ðeɖi te mía ŋu eye dzi menɔ mía dzɔm o. Nyɔnu tsitsi aɖe si nɔ mía dome la nɔ ha aɖe si Ðasefowo kpa le Xexemeʋa II lia wɔɣi la dzim ɖe ve me. Kasia, mí katã míede asi haa dzidzi me kplii. Emenyawo yi ale:\n\"Woɖe aboyo nɔvi geɖewo yi didiƒe ke.\nWokplɔ wo yi dziehe kple ɣedzeƒe.\nMawu ƒe dɔ wɔwɔ tae wowɔ fu wo ɖo, eye wodo dzi le dodokpɔ dziŋɔwo me.\"\nƔeyiɣi aɖe megbe la, míete ŋu va nɔ kpekpem Kwasiɖa sia Kwasiɖa hedzroa Biblia me le teƒe aɖe si didi tso mía nɔƒea abe kilometa 13 ene. Zi geɖe la, míedzea mɔ hafi agu dzena hezɔna to sno si kɔkɔ va ɖo keke míaƒe ali gbɔ la me esime xexea me fa miamiamia heɖo dzidzenu Celsius -40. Mí ame 50 alo esiwo wu nenema la mimina ɖe xɔ si ƒe kekeme kple didime siaa anɔ abe meta ene kple afã ene la me. Míedzia ha ɖeka, alo ɣeaɖewoɣi la, eve alo etɔ̃ tsɔ dzea kpekpea gɔme. Eyome míedoa gbe ɖa tso dzi me eye míedzroa biabia siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la me. Esia xɔna abe gaƒoƒo ɖeka ene. Eyome míegadzia hawo ake heyia Biblia me biabiawo me dzodzroa dzi. Kpekpe mawo do ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ!\nKUXI YEYEWO DO MO ÐA\nKaka ƒe 1960 naɖo la, ablɔɖe geɖe wu va su Ðasefo siwo woɖe aboyoe la si. Togbɔ be míeda ahe hã la, mete ŋu yi Moldova, afi si medo go Nina le. Eya hã dzilawo nye Ðasefowo, eye dadaa dzilawo hã nye Ðasefowo. Eteƒe medidi o, míeɖe mía nɔewo hetrɔ yi Siberia, afi mae míedzi mía vinyɔnu, Dina le, le ƒe 1964 me eye míedzi mía viŋutsu, Viktor, le ƒe 1966 me. Ƒe eve megbe la, míeʋu yi Ukraine eye míenɔ aƒe sue aɖe me le Dzhankoy, si nye dugã aɖe si didi tso Yalta gbɔ abe kilometa 160 ene, le Crimea ƒukpo afã la dzi.\nDziɖuɖua xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le Crimea, abe ale si ko wònɔ le Soviet Union dukɔ bliboa me ene. Ke hã ablɔɖe aɖe si nu nɔ mía si eye womenɔ mía yome tim vevie o. Esia wɔe be Ðasefowo dometɔ aɖewo megava nɔ dzo tsɔm ɖe subɔsubɔdɔa ŋu abe tsã ene o. Woƒe susu ye nye be esi yewokpe fu geɖe ŋutɔ le Siberia ta la, esɔ be yewoawɔ dɔ sesĩe fifia be yewoakpɔ nunɔamesi aɖewo, be yewoƒe dzi nadze eme.\nDZIDZƆNYAWO\nLe March 27, 1991 dzi la, dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union la ƒe dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu le dukɔ bliboa me. Enumake, Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke eve takpekpe tɔxɛwo ŋu le teƒe vovovo adre le dukɔa me godoo. Ele be míawo ya míade takpekpe si woawɔ le Odessa, Ukraine, si gɔme woadze tso August 24 lia dzi. Meva dua me ɣleti ɖeka do ŋgɔ be makpe asi ɖe bɔlƒoƒe gã si míawɔ takpekpea le la dzadzraɖo ŋu.\nMíewɔa dɔ ŋkeke bliboa eye zi geɖe la, bɔlƒoƒea ƒe zikpui lɔbɔɔawo dzie míemlɔna le zã me. Nyɔnuwo ƒe ha gã aɖe kplɔ gbadzaƒe si ƒo xlã bɔlƒoƒea. Gbeɖuɖɔ si wolɔ ƒu gbe la ƒe kpekpeme ade tɔn 70. Ame siwo nɔ dɔ wɔm le xɔdidɔwɔƒea la tsa le dua me godoo henɔ dzeƒe dim na ame 15,000 siwo wonɔ mɔ kpɔm na be woade takpekpea. Gake kasia, nya vɔ̃ aɖe va dze mí kpo!\nLe August 19 lia dzi, esi wòsusɔ ŋkeke atɔ̃ pɛ ko ne takpekpea nadze egɔme la, wolé Mikhail Gorbachev, si nye USSR ƒe dukplɔla ɣemaɣi la, esime wònɔ mɔkeke le afi si te ɖe Yalta ŋu, si medidi tso takpekpewɔƒea gbɔ o. Dziɖuɖumegãwo te fli ɖe mɔɖeɖe si míexɔ tso wo gbɔ hena takpekpea wɔwɔ la me. Ame siwo ɖoe be yewoade takpekpea la te kaƒoƒo na takpekpedzikpɔƒea henɔ biabiam be, \"Nu kae míawɔ tso bɔs kple keteke ƒe ɖoɖo siwo míewɔ la ŋu?\" Le gbedodoɖa vevie megbe la, takpekpea ƒe ɖoɖowo dzi kpɔlawo ɖo eŋu na wo be, \"Miawo ya miva ko!\"\nMíenɔ dzadzraɖoawo dzi eye míenɔ gbedodoɖa dzi. Ʋuɖoɖodzikpɔlawo yi ɖakpe takpekpevala siwo tso Soviet Union dukɔa ƒe akpa vovovowo va la eye wokplɔ wo yi woƒe dzeƒewo. Ŋdi sia ŋdi la, Takpekpekɔmitia me tɔwo yina ɖakpena kple dua me megãwo. Gake ne wogbɔ fiẽ sia fiẽ la, wometsɔa nya nyui aɖeke gbɔnae o.\nMAWU SE MÍAƑE GBEDODOÐAWO\nLe Yawoda, August 22 lia dzi, si nye ŋkeke eve do ŋgɔ na gbe si gbe míadze takpekpea gɔme la, Takpekpekɔmitia me tɔwo trɔ gbɔ kple nya nyui aɖe: Woɖe mɔ na mí be míawɔ takpekpea! Dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ esime míenɔ ha si míetsɔ dze takpekpea gɔme la dzim hedo gbe ɖa. Esi takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu le Memleɖagbe la, míenɔ dzeɖoɖo dzi henɔ ha dem kple mía xɔlɔ̃ siwo míegakpɔ kpɔ la o ʋuu keke zã do. Kristotɔ siwo va kpe ta la ƒe xɔse sẽŋu ale gbegbe be wowɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽtɔwo me.\nHabɔbɔa wɔ ŋgɔyiyi geɖe ŋutɔ le ƒe 22 siwo kplɔ takpekpe sia ɖo la me. Wotu Fiaɖuƒe Akpata geɖewo le Ukraine dukɔa me godoo, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi tso ame 25,000 le ƒe 1991 me va ɖo ame siwo wu 150,000 fifia!\nMÍEGAKPƆTƆ NYE KESINƆTƆWO LE MAWU GBƆ\nMíaƒe aƒe si le Dzhankoy, si nye dugã si me ame siwo ade 40,000 le fifia la me koe míaƒe ƒomea gakpɔtɔ le. Togbɔ be Ðasefowo ƒe ƒome ʋɛ aɖewo koe nɔ afi sia esime míetso Siberia va le ƒe 1968 me hã la, hame ade ye le Dzhankoy fifia.\nNye ƒomea hã dzi ɖe edzi. Ƒomea ƒe dzidzime enee le agbe fifia le Yehowa subɔm","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130901\/m%C3%ADeda-ahe-gake-m%C3%ADenye-kesin%C9%94t%C9%94wo-le-mawu-gb%C9%94\/","date":"2018-04-25T11:14:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998966217,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989662170410156}","num_words":1155,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Bometsilae mexlẽa nyadzɔdzɔgbalẽ gbeɖegbeɖe o; ke ame si xɔa nu sia nu si wòxlẽ le nyadzɔdzɔgbalẽ me dzi se, le esi woŋlɔe ɖe eme ta, ya gatsi bome kura wu.\"—August von Schlözer, Germaniatɔ ŋutinyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla (ƒe 1735-1809).\nAME siwo nɔ anyi ƒe 200 kple edzivɔe nye esia gɔ̃ hã mexɔa nya sia nya si le nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi sena o. Egbea hã masɔ be míaxɔ nu sia nu si míexlẽ alo kpɔ le Internet dzi la dzi ase o. Nyatakaka gbogbo aɖe ŋutɔe le Internet dzi, eye egbegbe mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be míekena ɖe wo ŋu bɔbɔe. Nyatakaka geɖe nye nyateƒe, viɖe le wo ŋu, eye womegblẽa nu le ame ŋu o, gake geɖewo hã nye alakpa, viɖe aɖeke mele wo ŋu o, eye wodea ame afɔku me. Esia tae wòle be míakpɔ nyuie le nu si míexlẽna ŋu. Ne ame aɖewo kpɔ nya aɖe le Internet dzi ko la, wosusuna be nyateƒee le esi wodae ɖe afi ma alo be wo xɔlɔ̃ aɖee ɖoe ɖe wo ta. Ne nu si woxlẽ la nye numadzɔkpɔ gɔ̃ hã la, woxɔa edzi sena. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be: \"Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.\"—Lododowo 14:15.\nNe mímedi be míanye ɖekemanyalawo, si fia be míaxɔ nu sia nu si míese dzi ase o la, ke ele be míadze aɖaŋu. Aɖaŋudzela ɖɔa ŋu ɖo hexɔa nu siwo dzi wòka ɖo be wonye nyateƒe ko dzi sena. Womaflu mí míaxɔ alakpanya siwo le Internet dzi ase o, aleke kee ame geɖe se nu tso eŋui o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàdze aɖaŋu? Gbã la, bia ɖokuiwò be: 'Habɔbɔ siwo le se nu ƒe nyatakakadzraɖoƒe si ŋu kakaɖedzi le ye woŋlɔ nya sia ɖoa? Alo nyatakakadzraɖoƒe si ɖea mɔ ame sia ame ŋlɔa nu si wòdi ɖe afi ma faa, alo esi tɔgbi womenya afi si wòtso o yea? Ðe nyatakakadzraɖoƒe aɖe si ŋu kakaɖedzi le gblɔ tso nya si kakam wole ŋu be enye alakpa?' * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ekema wɔ susu ŋu dɔ nyuie. (Lododowo 7:7) Ne edze abe nya aɖe mate ŋu anye nyateƒe o la, ke ɖewohĩ menye nyateƒee o vavã. Azɔ hã, ne nu si nèxlẽ nye ameŋugblẽnya la, ekema bu eŋu kpɔ be ame ka dzie wòade ne nya ma kaka, eye nu ka tae wòdi be nyaa nakaka ɖo?\nÐE NÈÐOA NYATAKAKAWO ÐE AMEWO ƔESIAƔIA?\nAme aɖewo ɖoa nyatakaka siwo woxɔ la ɖe ame siwo katã ƒe ŋkɔ le woƒe asitelefon dzi esi womeku eme kpɔ ne nyateƒee wònye alo bu nu si ado tso eme ne woɖoe ɖe ame bubuwo la ŋu hafi o. Ðewohĩ esi wodi be amewo nase yewo ŋkɔ alo yewoanye ame gbãtɔ si gbɔ woase nyaa tsoe tae. (2 Samuel 13:28-33) Gake aɖaŋudzela ya bua nu si ado tso eme la ŋu gbã. Ate ŋu anye be nyatakakaa agblẽ ame alo habɔbɔ aɖe ƒe ŋkɔ.\nAme geɖe mekua nu me kpɔ be nyaa le eme vavã hafi ɖonɛ ɖe amewo o le esi esia wɔwɔ xɔa ɣeyiɣi ta. Woabui be ame siwo yewole nua ɖom ɖe la ŋutɔ awɔ ema. Gake woawo hã womevo o. (Efesotɔwo 5:15, 16) Le esi teƒe be míanɔ nu siwo dzi míeka ɖo o ɖom ɖe amewo la, nunya anɔ eme be míagblɔ na mía ɖokuiwo be, \"Ne nyemeka ɖe nya aɖe dzi o la, ke ele be maɖee ɖa le susu me kaba!\"\nBia ɖokuiwò be: 'Ðe meɖoa e-mail siwo mexɔ ɖe amewo ɣesiaɣia? Ðe wòva hiãna be maɖe kuku na nye ame nyanyɛwo ɖe nyatakaka gbegblẽ, alo kura gɔ̃ hã esi nye alakpa, si meɖo ɖe wo la ta? Ðe ame aɖe gbe nya nam kpɔ be madzudzɔ e-mail siawo kakaa?' Ðo ŋku edzi be ne e-mail le xɔ̃wòwo si la, ke woawo ŋutɔ ate ŋu azã Internet eye womahiã wò kpekpeɖeŋu hafi adi nu siwo ado dzidzɔ na wo la o. Madzɔ dzi na wo be yewoaxɔ e-mail gbogbo siwo me ŋutinya ɖikokoewo, videowo, alo fotowo yɔ fũu la o. Nunya manɔ eme be míaɖo Biblia me nuƒo siwo míelé ɖe mɔ̃ dzi alo nuŋlɔɖi tsitotsito si míewɔ la ɖe amewo o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Eye nenɔ nyanya na wò hã be ne nɔvi aɖe ŋutɔ ku nu me, xlẽ Biblia kpukpuiwo eye wòdzra nyaŋuɖoɖo aɖe ɖo na kpekpeawo la, aɖe vi nɛ sãsãsã wu be nàɖo esiawo ɖee be wòava xlẽ ko.\nNu kae nàwɔ nenye be èke ɖe alakpanya vɔ̃ɖi aɖe si wogblɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu le Internet dzi la ŋu? Tui enumake! Mègaxɔ edzi se o. Nunya manɔ eme be nàgblɔ nu si nèxlẽ la na ame bubuwo be nàkpɔ woƒe susu ɖa o, elabe ɖeko esia akaka alakpanya vɔ̃ɖi mawo ɖe edzi. Ne nane si nèxlẽ le Internet dzi le fu ɖem na wò susu la, bia Yehowa be wòana nunya wò eye nàɖo dze tso eŋu na hamemetsitsiwo. (Yakobo 1:5, 6; Yuda 22, 23) Mele be wòawɔ nuku na mí ne amewo gblɔ alakpanyawo tso mía ŋu o. Wogblɔ alakpanyawo le Yesu hã ŋu, eye Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe futɔwo ati wo yome eye 'woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo ŋu.' (Mateo 5:11; 11:19; Yohanes 10:19-21) Eya ta ne èdze nunya eye nèbua nuwo ŋu nyuie la, àde dzesii ne ame aɖe le aʋatso kam hedi be yeaflu amewo.—Lododowo 2:10-16.\nDE BUBU AMEWO ŊU\nEle be míakpɔ nyuie le mía nɔviwo ŋu nyawo alo nuteƒekpɔkpɔ siwo míese la gbɔgblɔ na amewo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, mesɔ o eye menye lɔlɔ̃ɖeɖefia hã be míakaka nya aɖe o, nenye be enye nyateƒe gɔ̃ hã. (Mateo 7:12) Tsɔe be nèkaka nu gbegblẽ siwo amewo wɔ ŋu nyawo, ɖe esia anye lɔlɔ̃ɖeɖefia alo ade dzi ƒo na amewoa? (2 Tesalonikatɔwo 3:11; 1 Timoteo 5:13) Nyatakaka aɖewo hã nye nya ɣaɣla. Eye nyatɔwo ŋutɔ adi be yewoaʋu go wo emegbe alo le mɔ aɖe koŋ nu. Eya ta ele be míade bubu wo ŋu agblẽe ɖe wo si me be woawo ŋutɔ nagblɔ nya mawo le ɣeyiɣi si dze wo ŋu kple ale si wodii nu. Le nyateƒe me ne míekaka nya mawo la, míate ŋu agblẽ nu geɖe.\nEgbea nyawo kakana kabakaba, woɖanye nyateƒe alo alakpa o, viɖe le wo ŋu alo mele wo ŋu o, agblẽ nu alo magblẽe o. Ne èɖo nya aɖe ɖe ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, eya hã ate ŋu aɖoe ɖe ame gbogbowo le xexe bliboa me le aɖabaƒoƒo ɖeka ko me. Eya ta kpɔ nyuie be màgaɖo nyatakakawo ɖa alɔtsɔtsɔe alo aɖoe ɖe ame sia ame si nènya o. Togbɔ be lɔlɔ̃ xɔa \"nuwo katã dzi sena\" eye mebua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu o hã la, mele be míanye ɖekemanyala siwo xɔa nya yeye kple nya wɔdɔɖeamedzi ɖe sia ɖe dzi sena o. (1 Korintotɔwo 13:7) Eye míadi be míaxɔ alakpanya alo nya vɔ̃ siwo amewo agblɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa alo tso mía nɔvi siwo míelɔ̃na la ŋu dzi se gbeɖe o. Elabena ame siwo ɖoa alakpanyawo ɖa kple ame siwo kakanɛ la le Satana Abosam, si nye \"aʋatsokafofo\" la dzi dem. (Yohanes 8:44) Eya ta mina míadze aɖaŋu eye míabu tame nyuie le nu si míetsɔa nyatakaka gbogbo siwo ŋu míekena ɖo gbe sia gbe la wɔna ŋu. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe wòsɔ be: \"Ðekemanyala ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke woɖɔa sidzedze na aɖaŋudzelawo abe kuku ene.\"—Lododowo 14:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20151015\/nyate%C6%92ee-esi-w%C3%B2le-internet-dzi-ta\/","date":"2018-04-25T11:19:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985409975,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998540997505188}","num_words":1199,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Baruk anya nye agbalẽnyala le fiasãa me. Togbɔ be esubɔ Yehowa eye wòkpe asi ɖe Yeremiya ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hã la, eva nɔ nu bubuwo ŋu bum. Eva nɔ \"nu gãwo dim,\" ɖewohĩ enɔ nɔƒe gã dim le fiasãa me loo alo kesinɔnuwo. Ele be wòaɖɔ eƒe nuŋububua ɖo be wòatsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Yerusalem dzi la me.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\n'Mèganɔ Nu Gãwo Dim Na Ðokuiwò O'","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may22-28\/m%C3%A8gan%C9%94-nu-g%C3%A3wo-dim-o\/","date":"2018-04-27T01:15:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125948738.65\/warc\/CC-MAIN-20180427002118-20180427022118-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983112216,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983112215995789}","num_words":75,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la tɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe ŋu. Eya ta míesena le mía ɖokui me be asikpekpe ɖe akpataa me dzadzraɖo ŋu be wòanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me la nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe. Ame sia ame ate ŋu awɔ akpa aɖe.\nKpɔ gome le akpataa me dzadzraɖo me le kpakpã megbe. Le kpekpe ɖe sia ɖe megbe la, edzɔa dzi na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be yewoakplɔ Fiaɖuƒe Akpataa me, adzra nugododeƒea kple aɖuɖɔɖɔƒea ɖo. Azɔ hã, wogadzraa akpata bliboa me ɖo nyuie kwasiɖa sia kwasiɖa alo ɣleti sia ɣleti. Hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖee kpɔa dɔ siawo wɔwɔ dzi, eye zi geɖe la, wozɔna ɖe mɔfiame aɖewo koŋ dzi. Le ale si hiahiãa le nu la, ame aɖewo kplɔa nu, tutua anyigba, tutua ɖi le nuwo ŋu, ɖea yiyiɖɔwo, dzɔa zikpuiawo, klɔa aɖuɖɔɖɔƒeawo kple nugododeƒeawo hewua atike ɖe teƒea, tutua fesreawo kple ahuhɔ̃eawo ŋu, tsɔa gbeɖuɖɔawo ƒua gbe alo dzraa gota ɖo. Ƒe sia ƒe la, woɖoa ŋkeke aɖe koŋ ɖi na dɔwɔwɔ tsitotsito le xɔ bliboa me kple egodo siaa ŋu. Ne míenana mía viwo hã kpea asi ɖe dɔ siawo wɔwɔ ŋu la, ekema míele kpekpem ɖe wo ŋu be woade bubu míaƒe tadeaguƒewo ŋu.—Nyagblɔla 4:17.\nKpe asi ɖe dɔ sia dɔ si hiã la wɔwɔ ŋu. Wowɔ ɖoɖo be woalé ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpata bliboa me kple egodo siaa ƒe nɔnɔme ŋu tsitotsito ƒe sia ƒe. Esia nana wowɔa dzadzraɖodɔ ɖe sia ɖe si wokpɔ be ehiã la bene akpataa nanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi, ale be woagava zã ga gbogbowo ɖe dzadzraɖodɔ gãwo ŋu emegbe o. (2 Kronika 24:13; 34:10) Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ la nye teƒe si sɔ be míade ta agu na mía Mawu la le. Ne míekpɔa gome le dɔ siawo wɔwɔ me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa eye míedea asixɔxɔ míaƒe tadeaguƒewo ŋu. (Psalmo 122:1) Esiawo katã nana nutoa me tɔwo hã ƒoa nu nyui le mía ŋu.—2 Korintotɔwo 6:3.\nNu ka tae wòle be míalé be na míaƒe tadeaguƒewo nyuie?\nÐoɖo kawoe wowɔ be Fiaɖuƒe Akpataa nanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/bel%C3%A9le-na-fia%C9%96u%C6%92e-akpatawo\/","date":"2018-04-20T09:50:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963493347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963493347167969}","num_words":350,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU KU ÐE FUWƆAMETIA ŊU\nNU ÐEDZESIWO DZƆ ESI YESU KU\n\"Gaƒoƒo adelia,\" si nye ŋdɔ ga 12, ɖo azɔ. Viviti wɔnuku aɖe do ɖe \"anyigba ma katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia dzi,\" si nye ɣetrɔ ga etɔ̃ me. (Marko 15:33) Menye zãdokeli si dona le dzɔdzɔme nue viviti ma nye o. Zãdokeli dona ne dzinu yeye dze dzi, gake fifia ya dzinua sɔ tegblẽe, elabena Ŋutitoto ƒe ɣeyiɣia mee. Azɔ hã viviti sia nɔ anyi didi sãsãsã wu miniti ʋɛ siwo zãdokeli dona. Eya ta Mawue na viviti sia do!\nBu ale si esia ana ame siwo nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu la ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Esi vivitia do la, nyɔnu ene te ɖe fuwɔametia ŋu. Nyɔnu siawoe nye Salome, Maria Magdalatɔ, Maria si nye apostolo Yakobo Suetɔ dada kple Yesu dada.\nApostolo Yohanes le Yesu dada, si le nu xam la gbɔ le \"fuwɔameti la gbɔ.\" Maria le vi si wòdzi henyi wòtsi la kpɔm esime wòle veve sem helĩhelĩ le atia ŋu. Le Maria gome la, ɖeko wòle abe ɖe woƒo \"yi legbe\" aɖe ɖee ene. (Yohanes 19:25; Luka 2:35) Togbɔ be Yesu le veve sem ŋutɔ hã la, dadaa ƒe dedienɔnɔ nɔ susu me nɛ. Edze agbagba bi ta do ɖe Yohanes gbɔ hegblɔ na dadaa be: \"Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!\" Eyome ebi ta do ɖe Maria gbɔ hegblɔ na Yohanes be: \"Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!\"—Yohanes 19:26, 27.\nAnɔ eme be Yesu dada nye ahosi ɣemaɣi, eye Yesu le gbɔgblɔm na eƒe apostolo si wòlɔ̃na la be wòalé be na ye dada. Yesu nya be Maria viŋutsu bubuawo, siwo nye Yesu dadaviwo la mexɔ ye dzi se haɖe o. Eya ta enɔ ɖoɖo wɔm ɖe dadaa ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo siaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi!\nLe ɣeyiɣi si vivitia dzo me lɔƒo la, Yesu gblɔ be: \"Tsikɔ le wuyem.\" Esia hã na ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi aɖe va eme. (Yohanes 19:28; Psalmo 22:15) Yesu se le eɖokui me be ye Fofo ɖe asi le ye, si nye Via ŋu be woado yeƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ va se ɖe nuwuwu. Kristo gblɔ le Aramgbe ƒomevi aɖe si anɔ eme be wodona le Galilea la me be: \"Eli, Eli, lama sabaktani?\" si gɔmee nye, \"Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?\" Ame siwo le tsitre ɖe afi ma la dometɔ aɖewo se nya si wògblɔ la gɔme bubui eye wogblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Ele Eliya yɔm.\" Wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me eye wòtsɔe ɖo aɖa nu tsɔ na Yesu be wòano. Ke ame bubuwo gblɔ be: \"Miɖe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋu hã.\"—Marko 15:34-36.\nYesu do ɣli gblɔ be: \"Wowu enu!\" (Yohanes 19:30) Ɛ̃, ewu nu siwo katã Fofoa dɔe ɖe anyigba dzi be wòava wɔ la nu. Mlɔeba Yesu gblɔ be: \"Fofo, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de.\" (Luka 23:46) Ale Yesu tsɔ eƒe agbe de Yehowa si me, eye wòka ɖe edzi be Mawu agagbɔ agbe ye. Azɔ Kristo si ka ɖe Mawu dzi bliboe la de mo to heku.\nKasia, anyigba ʋuʋu sesĩe eye agakpewo fe. Anyigbaʋuʋua nu sẽ ale gbegbe be yɔdo siwo nɔ Yerusalem godo la nu ʋu, eye ame kukuwo ho ɖe dzi. Ame siwo tso eme va yina siwo kpɔ be ame kukuwo ho ɖe dzi la yi ɖe \"du kɔkɔe\" la me ɖagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na amewo.—Mateo 12:11; 27:51-53.\nEsi Yesu ku la, xɔmetsovɔ legbe titri si nye dometsotso le Kɔkɔeƒe la kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dome le Mawu ƒe gbedoxɔa me la dze ɖe eve, tso dzi va se ɖe anyi. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia nye Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe ame siwo wu Via ŋu ɖeɖe fia, eye wònye dzesi be mɔ si yi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si le tsitre ɖi na dziƒo ŋutɔŋutɔ la le ʋuʋu ɖi azɔ.—Hebritɔwo 9:2, 3; 10:19, 20.\nMewɔ nuku o be vɔvɔ̃ ɖo ameawo ŋutɔ. Asrafomegã si le ŋgɔ na ameawo wuwu la gblɔ be: \"Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.\" (Marko 15:39) Anɔ eme be enɔ eteƒe esime Pilato nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu eye Mawu ƒe Vi nyenye ƒe nyaa fɔ ɖe te. Fifia eka ɖe edzi be Yesu nye ame dzɔdzɔe eye wònye Mawu ƒe Vi vavã.\nAme bubu siwo dzi nudzɔdzɔ wɔnuku siawo wɔ dɔ ɖo la trɔ ɖo ta aƒe me \"hele akɔta ƒom\" le nuxaxa vevie kple ŋukpe ta. (Luka 23:48) Nyɔnu nusrɔ̃la geɖe siwo zɔa mɔ kple Yesu ɣeaɖewoɣi la nɔ ame siwo nɔ nudzɔdzɔawo teƒe kpɔm tso adzɔge la dome. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la te ɖe woawo hã dzi ŋutɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/mawu-%C6%92e-vi\/","date":"2018-04-24T23:36:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998177886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981778860092163}","num_words":759,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! May 2013 | Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Nu Vlo Wɔlawo Si Me!\nAme geɖewo bua nu vlo wɔwɔ be enye kuxi gãtɔ si yewodze ŋgɔ. Xlẽ nu tso ale si nàkpɔ ɖokuiwò ta tso nu vlo wɔlawo si me.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: Dedienɔnɔgbɔkpɔlawo xɔ tu le yameʋuɖolawo si, Norway na ɖekawɔwɔ kplikplikpli si le Sɔlemeha kple Dukɔa dome la dzi ɖe kpɔtɔ, kple nuɖuɖu ƒe veve le India.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu si amehehe fiae nye be woafia nu ame. Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwò ƒewuivia be wòaɖo to tsɔ wu be wòadze aglã.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAleke nàwɔ akpɔ wò ŋutɔ kple wò ame veviwo ta?\nINTERVIEW\nNu kawoe na Racquel Hall ka ɖe edzi be Yesue nye Mesia si wònɔ mɔ kpɔm na vevie la?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nAme kae nye Kores, eye nyagblɔɖi ɖedzesi kae wogblɔ ɖi anɔ abe ƒe 150 ene do ŋgɔ na edzidzi?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAme ŋutɔŋutɔe Mawu nyea alo ŋusẽ aɖe si si amenyenye mele o ye wònye? Aleke wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nue?\nWAS IT DESIGNED?\nSrɔ̃ nu wɔnuku aɖe tso ƒumelã sia si nɔa adzakpowo me la ŋu.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nSɔhɛ ene gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu eye wogakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201305\/","date":"2018-06-19T15:05:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00166.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986587167,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986587166786194}","num_words":224,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ ɖevi sue ma si le nu ƒom na ame tsitsi siawo la ɖa. Wonye nufialawo le Mawu ƒe gbedoxɔ, si le Yerusalem la me. Eye ɖevi lae nye Yesu. Etsi ɖe edzi vie. Fifia exɔ ƒe 12.\nEwɔ nuku na nufialawo ŋutɔ be Yesu nya nu geɖe tso Mawu kple nusiwo woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋuti. Gake nukatae Yosef kple Maria ya mele afisia o? Afikae wole? Na míakpɔe ɖa.\nƑe sia ƒe la, Yosef kplɔa eƒe ƒome la yia Yerusalem hena ŋkekenyui tɔxɛ aɖe, si woyɔna be Ŋutitoto la ɖuɖu. Enye mɔ didi aɖe tso Nazaret yi Yerusalem. Ʋu mele ame aɖeke si o, eye keteke aɖeke hã menɔ anyi o. Nusiawo menɔ wo si le ŋkeke mawo me o. Ame geɖe zɔa afɔ, eye wozɔa mɔ abe ŋkeke etɔ̃ ene hafi ɖoa Yerusalem.\nGake fifia Yosef ƒe ƒome la lolo. Eyata Yesu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe li, siwo dzi wòle be woakpɔ. Le ƒe sia me la, Yosef kple Maria kpakple wo viwo zɔ mɔ didi la hetrɔ yi aƒe le Nazaret. Wobu be Yesu le ame bubuwo ŋu gbɔna. Gake esi zã do, eye wotsi afi aɖe dɔ la, womekpɔ Yesu o. Wodii le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome, gake mele wo gbɔ o! Eyata wotrɔ yi Yerusalem edi ge le afima.\nMlɔeba la, wokpɔ Yesu le nufialawo gbɔ afisia. Ele to ɖom wo hele nya biam wo. Ameawo katã ƒe mo wɔ yaa le alesi Yesu nya nui la ta. Gake Maria gblɔ be: 'Vinye, nukatae nèwɔ nusia ɖe mía ŋu? Mí kple fofowò míexa nu vevie hedi wò.'\nYesu ɖo eŋu be: 'Nukatae miele diyem? Ðe mienya be ele nam be manɔ Fofonye ƒe aƒeme oa?'\nẼ, Yesu lɔ̃ afisi wòate ŋu asrɔ̃ nu le Mawu ŋuti le la nɔnɔ. Ðe menye nenema wòle be míawo hã míadi oa? Esi Yesu trɔ yi aƒe le Nazaret la, edea kpekpewo hena tadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa. Esi wònye eɖoa to nyuie ta la, esrɔ̃ nu geɖe tso Biblia la me. Mina míanɔ abe Yesu ene ahadze eƒe kpɔɖeŋu la yome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-%C9%96evi-gbedox%C9%94\/","date":"2018-06-19T15:18:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999552846,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999552845954895}","num_words":344,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kese aɖe kpɔ Afɔkpa vuvua ɖe le Gbeme, eye wòɖe hũ hegblɔ be: Ehẽ Afɔkpae nye esi !\nŊutsua ɖe nɔ anyi gbaɖegbe. Enɔ du sɔea ɖe me, le ave gãa ɖe me. Lã geɖewo nɔ ave la me. Dzata eve hã nɔ lãwo dome.\nŊutsu sia nye agbledela. Menye adela wonye o. Edze xɔlɔ̃ lãawo katã ale be wo katã nɔ anyi le ŋutifafa me.\nFO ATSU GE LE ATI DZI🌼\nGbe ɖeka ɣetrɔ la, Senyo kple Foli tso suku yina aƒe me. Esi woɖo agble aɖe to la, wose nane ge gbi le agble la me.\nSenyo bia Foli be: 'Foli, nuke ge gbi nenema?'","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-30","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo","date":"2018-07-19T21:24:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-30\/segments\/1531676591296.46\/warc\/CC-MAIN-20180719203515-20180719223515-00577.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994260073,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":12,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999426007270813}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alasã\nAlasã enye atikutsetse si bɔ le Afrika nutowome. Atikutsetse ŋu nusrɔ̃lawo tsɔ ŋkɔ nae be Chrysophyllum albidum.[1] Eƒe agbalẽme ŋkɔ enye Chrysophyllum albidum. Woyɔna atikutsetse sia le Englishgbe me be white star apple. Ebiã abe akutu ene gake eme nuwo tovovo tso eyaa egbɔ kroa. Ebluawo hã yɔne be Alasã abe Eʋeawo ene. Yoruba tɔwo le Nigeria nutome yɔ nae be Agbalumo. Wo ga yɔnae be Udala le Nigeria ƒe akpa bubuwo hã. Ame aɖewo zana alasã mi na adzãle ɖaɖa.[2]","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Alas%C3%A3","date":"2018-09-22T21:26:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267158691.56\/warc\/CC-MAIN-20180922201637-20180922222037-00174.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999452889,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994528889656067}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tameɖoɖo aɖe tae míaƒe anyigba li ɖoa?\nMíaƒe anyigba sia koe sɔ na agbenɔnɔ. Tsi wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe agbe lelé ɖe te me, eye esɔ gbɔ ɖe anyigba dzi fũu. Anyigba ƒe viaviã, eƒe totro kple xlãƒoƒo ɣe la siaa nye nu siwo sɔ pɛpɛpɛ ale be atsiaƒuwo nagabla azu tsikpe alo woaxɔ dzo gbãgbãgbã ahamie o. Eye ya si ƒo xlã anyigba la kple nuheŋusẽ siaa kpɔa eta tso ɣe ƒe keklẽ wuamewo si me. Kadodo si le nu miemiewo kple lãwo dome si wɔe be wotea ŋu léa agbe ɖe te le anyigba dzi la wɔ nuku ŋutɔ. Le esia ta, ame geɖe va ƒo nya ta be, tameɖoɖo aɖe tae wowɔ míaƒe anyigbaa ɖo.\nGake ɖewohĩ àbia be, 'Ðe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ hã nye tameɖoɖo ma ƒe akpa aɖea?'\nÐe tameɖoɖo si ta wowɔ anyigba ɖo la ava emea?\nÐe wowɔ anyigba la be wòanye aƒe kple dzidzɔteƒe na ame siwo dea bubu wo nɔewo ŋu eye wolɔ̃ wo Wɔla la. Eya ta, tameɖoɖo le amegbetɔ ƒe agbe ŋu sãsãsã wu atiwo, alo lãwo ƒe agbe. Míate ŋu adze si mía Wɔlaa eye eƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ate ŋu alé dzi mí, eye míate ŋu asrɔ̃e hã.\nMía Wɔlaa ate ŋu ana eƒe tameɖoɖo ɖe sia ɖe nava eme pɛpɛpɛ. Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa, eye wòawɔ míaƒe anyigbaa wòazu dzidzɔteƒe deblibo na ameƒomea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140601\/anyigba-tame%C9%96o%C9%96o\/","date":"2018-10-20T06:28:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583512592.60\/warc\/CC-MAIN-20181020055317-20181020080817-00411.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977341294,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977341294288635}","num_words":242,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐEWOHĨ nu si wonya na Panama nyuie wue nye eƒe tsimɔ si tso Atlantik va do ɖe Pasifik atsiaƒu gã la me. Esi wònye Panama ye tsiã anyigbagã siwo nye Dziehe Amerika kple Anyiehe Amerika ta la, ena kadodo le dukɔ kple dome hã. Ameƒomevi vovovowo kple dekɔnu vovovowo le afi ma. Dua me tɔwo ƒe akpa gãtɔ nye dumevi dzidziwo kple Europatɔwo ƒe dzidzimeviwo.\nLe ƒe 1501 me, esi Spaintɔ du yeye dilawo va Panama la, wova ke ɖe Panama-vi dzidziwo ƒe to alo hlɔ̃ geɖewo ŋu, eye to mawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ li va se ɖe egbe. To siawo dometɔ ɖekae nye Guna (eye woyɔa wo tsã be Kuna). Guna toa me tɔ geɖewo le San Blas Ƒukpohatsotsoa ƒe akpa aɖe si dumevi dzidziwo le kple liƒo si le Carib Ƒuta le afi si te ɖe liƒo si le Panama kple Colombia dome la ŋu. Le nuto mawo me la, wodaa ade, wotsɔa akrowo dea tɔƒo, eye woawo ŋutɔwo dea woƒe agble ɖuna.\nLe Gunatɔwo dome la, ne ŋutsu ɖe srɔ̃ la, eʋuna ɖatsia srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ henɔa dɔ wɔm na wo. Ne srɔ̃a dzi nyɔnuvi ko hafi eya kple eƒe ƒomea ate ŋu aʋu adzo le srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ aɖanɔ wo ɖokuiwo si.\nYehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 300 ye le Panama. Tsɔ kpe ɖe Spaingbe ŋuti la, Ðasefowo wɔa kpekpewo le Chinagbe, Eŋlisigbe, Gujaratigbe, Gunagbe, Haititɔwo ƒe Creolegbe, Ngaberegbe, kple Panama Tokunɔgbe hã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201306\/tsa%C9%96i%C9%96i-panama\/","date":"2018-10-20T07:46:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583512592.60\/warc\/CC-MAIN-20181020055317-20181020080817-00167.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996573925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999657392501831}","num_words":239,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi be wòate ŋutsu kple nyɔnu aƒo ƒui ɖaa. (1Mo 2:22-24) Ahasiwɔwɔ dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo atso kadodo sia me. (Mal 2:16; Mt 19:9) Esi Yehowa di be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ta la, ena mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woatia ame si woaɖe la nyuie ale be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me.—Nyg 5:4-6.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE NU KAE NYE LƆLƆ̃ VAVÃ? DO ŊGƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu ka tae aɖaŋu si nɔviŋutsu Agbenyo kple srɔ̃a Dzifa ɖo na wo vinyɔnu Sela la sɔ eye wòfia be wolɔ̃e?\nNu ka tae susu mele eme be nàsusui be yeate ŋu atrɔ ame si nèle zɔzɔm kpli be yeava ɖe la o?\nAɖaŋu nyui kae nɔviŋutsu Agbenyegã kple srɔ̃a Elikplim ɖo na Sela?\nNu ka tae kuxiwo do mo ɖa le Zak kple Magi dome?\nGbɔgbɔmetaɖodzinu ɖeka kae le Eɖem kple Sela si?\nNu ka tae wòle be nànya \"dzi me ƒe ame ɣaɣla\" si le ame si nèdi be yeaɖe la si hafi aka srɔ̃ɖetam nɛ? (1Pe 3:4)\nNu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã? (1Ko 13:4-8)","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec25-31\/nu-kae-nye-l%C9%94l%C9%94%CC%83-biabia\/","date":"2018-12-10T22:19:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823445.39\/warc\/CC-MAIN-20181210212544-20181210234044-00048.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982479811,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982479810714722}","num_words":180,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutsu la kple Lãwo\nŊutsua ɖe nɔ anyi gbaɖegbe. Enɔ du sɔea ɖe me, le ave gãa ɖe me. Lã geɖewo nɔ ave la me. Dzata eve hã nɔ lãwo dome.\nŊutsu sia nye agbledela. Menye adela wonye o. Edze xɔlɔ̃ lãawo katã ale be wo katã nɔ anyi le ŋutifafa me.\nGake da melɔ̃ ɖe ɖoɖo nyuie sia dzi o. Mewɔ nɔvi kple lãa ɖeke o, mewɔ nɔvi kple agbledela la hã o. Agbledela mewu lãa ɖeke kpɔ o, eye lãawo hã megblẽ agblemenua ɖeke na agbledela la kpɔ o. Dzata eveawo hã melɔ̃ ɖe nya nyuie sia dzi o. Ale agbledela la nɔ da vɔ̃m ŋutɔ eye lã bubuawo hã nɔ dzataawo vɔ̃m. Gbe ɖeka, lãawo katã va agbledela gbɔ. Wogblɔ nɛ be: \" Miele dzata eveawo vɔ̃m. Va xɔ na mi.\"\nAgbledela la lɔ̃, eye woyi ɖaƒle tu kple ɖu. Eyi ave la me. Edi dzataawo ŋkeke blibo ɖeka. Le fiẽ me la eva ke ɖe wo ŋu. Wonɔ kpe yibɔ nogoa ɖe dzi le togbɛa ɖe gbɔ. Eda tu wo hewu wo. Lãawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye woda akpe na agbledela la. Gake da ganɔ avea me. Agbledela hã nɔ da vɔ̃m ŋutɔ ŋutɔ. Eyɔ lãawo katã eye wogblɔ na wo be: \" Fifia miele ŋutifafa me. Dzataawo megali o. Mewu wo na mi. Gake ŋutifafa meli nam o. Mele da vɔ̃m ŋutɔ. Mikpe ɖe ŋunye. Miwu da nam.Mele nɔvi wɔm kplim o.\" Lãawo katã lɔ̃. gake ɖesiaɖe nɔ da vɔ̃m. Atiglinyi bia be: \"Ameka le da wu ge na mí ?\" Lã sɔea ɖe tsi tre gblɔ be: \" Mele sɔe ŋutɔ gake mele da wu ge egbe godoo na agbledela.\" Lã sɔe sia nye Priku. Priku yi ave la me. edi da ŋkeke ene mekpɔe o. Le ŋkeke eve bubu megbe la, priku va ke ɖe da ŋuti. Da la lolo ŋutɔ he didi hã. priku kple da wɔ vu ɣeyiɣi didia ɖe. da sẽ ŋutɔ. Gake le nuwuwu la ɖeɖi te da ŋuti. Ale priku sɔe la wui vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo\/132-nutsu-la-kple-la-wo","date":"2018-12-13T11:07:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376824675.15\/warc\/CC-MAIN-20181213101934-20181213123434-00432.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985523224,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985523223876953}","num_words":332,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2013\nTata sia na numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe ale si míase ɣeyiɣi si me Yesu ƒe ŋkeke mamlɛawo ŋuti nyagblɔɖia ava eme gɔme ŋu eye wòɖe ame si kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela nye la fia.\nGɔmesese yeye kae su mía si ku ɖe ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo le Mateo ta 24 kple 25 ava eme ŋu?\nYesu ƒe lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋua ɖɔ ɣeyiɣi si me wowu nukuawo, wonɔ tsitsim, kple esime woŋe nukuawo. Gɔmesese yeye kawoe su mía si ku ɖe nuŋeɣia ŋu?\nMɔnu ka dzie Yesu to na gbɔgbɔmenuɖuɖu hameawo le ƒe alafa gbãtɔ me? Ðe wòle mɔ ma ke dzi tom egbea?\nNyati sia na numekɔkɔ yeye mí ku ɖe ale si míese kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela gɔmee ŋu. Kpɔ ale si míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ nɔ te ɖe amenyimɔnu sia dzii ɖa.\nNɔviŋutsu Mark Sanderson va zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la me tɔ tso September 1, 2012 dzi.\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ nu tso ale si atsu kple asi aɖe siwo tso Netherlands ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le kuxi geɖewo me esime woƒe dɔdeasiawo hã trɔ zi geɖe la ŋu.\nNɔnɔmetata siwo le míaƒe agbalẽwo me nye nufiafiamɔnu siwo nana míedea ŋugble le nusɔsrɔ̃a ŋu wòwɔa dɔ ɖe mía dzi. Nu kae nàwɔ be nɔnɔmetata dzeani siawo naɖe vi na wò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130715\/","date":"2018-12-19T03:21:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376830479.82\/warc\/CC-MAIN-20181219025453-20181219051453-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993321896,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993321895599365}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim.\"—PSALMO 139:1.\nNU SI TAE AME AÐEWO KEA ÐI: Ame geɖe susuna be Mawu bua amegbetɔwo be wonye nu vɔ̃ wɔlawo kple ame makɔmakɔwo, eye womedze be yeabu wo ŋu o. Kendra, si nye nyɔnu aɖe si blanuiléledɔ ɖe fu na la kpea fu le dzitsinya ƒe fɔbuame si me, elabena esena le eɖokui me be yemate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ o. Egblɔ be, esia ta, \"Nyemegadoa gbe ɖa o.\"\nNYA SI MAWU ƑE NYA LA GBLƆ: Yehowa sea ale si tututu wò nɔnɔmeawo le la gɔme eye meléa ŋku ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Biblia gblɔ be: \"Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.\" Gawu la, mewɔna na mí ɖe \"míaƒe nu vɔ̃wo nu o,\" ke boŋ ne míenya trɔ dzi me ko la, ekpɔa nublanui na mí hetsɔa míaƒe vodadawo kea mí.\nBu David si nye fia le Israel, si ŋu míeƒo nu tso le nyati siawo ƒe gbãtɔa me ŋu kpɔ. David do gbe ɖa na Mawu be: \"Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ [eŋu nuwo katã ɖi] ɖe wò agbalẽ me . . . Mawu, dzro menye, eye nàdze si nye dzi!\" (Psalmo 139:16, 23) Ɛ̃, David ka ɖe edzi be togbɔ be yewɔ nu vɔ̃ gãwo ɣeaɖewoɣi hã la, Yehowa ate ŋu akpɔe be yetrɔ dzi me.\nYehowa nya wò nyuie hesea nu gɔme na wò wu amegbetɔ ɖe sia ɖe. Biblia gblɔ be: \"Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.\" (1 Samuel 16:7, NW) Mawu nya nu si ʋãa mí míewɔa nu; enya ale si míaƒe dzɔdzɔme, hehe si míexɔ, afi si míenɔ tsi, kple ale si míaƒe amenyenye kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii la siaa. Enya ame si tututu míenye, eye wòdea asixɔxɔ mía ŋu, togbɔ be míew��a vodada geɖe hã.\nGake esi Mawu nya 'ale si tututu' nèle nyuie alea la, nu ka wɔm wòle be yeatsɔ afa akɔ na wò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140801\/mawu-nya-w%C3%B2\/","date":"2019-01-19T10:55:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583662893.38\/warc\/CC-MAIN-20190119095153-20190119121153-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978359342,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978359341621399}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ewe\nMienyi sukuu ɖe si ke kplɔa ame yia ygɔ na sukuuvi siwo ɖo tso ƒe ewo yi wuiasieke eye tso sukuxɔ atɔ yi wuietɔ. Le sukuua ƒe vɔvɔnu la, sukuuvi sɔgbɔ yia sukuu kɔkɔ dzi. Sukua ɖo sukuvi alafa ade kple nusrɔla blaatɔ.\nAhrensburg ƒe dua Le Schleswig-Holstein, du si ke le Germania ƒe dziehe. Ele du ga siwo nye Hamburg kple Lübeck dome.\nNu xɔasi kekeaka si le miaƒe dua me enye míaƒe Château si le tso keke ƒe 1595 me. Míate ŋu akpɔ Château sia le Internet me, le www.schloss-ahrensburg.de.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-09","url":"https:\/\/www.stormarnschule.de\/schule\/languages\/bj\/","date":"2019-02-23T06:35:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-09\/segments\/1550249490870.89\/warc\/CC-MAIN-20190223061816-20190223083816-00139.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991238713,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991238713264465}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.326,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abladzo kple Akɔɖu\nGli tso ʋuu he dze Abladzo kple Akɔɖu dzi :\nLe blema la, Abladzo kple Akɔɖu wónye xɔlɔ̃. Gbeɖeka la, dzre gã aɖe va dzɔ le wodome. Akɔɖu tɔ kɔ dɔme na Abladzo eye Abladzo xa gobaa. Abladzo hã tsɔ ati gã aɖe ƒo tame na Akɔɖu si wɔɛ be Akɔɖu hã to ɖe eme hezu kpuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-13","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/glitotowo\/135-abladzo-kple-ak-u","date":"2019-03-19T01:35:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-13\/segments\/1552912201882.11\/warc\/CC-MAIN-20190319012213-20190319034213-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993721843,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":22,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993721842765808}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.12,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi wogbugbɔ Yerusalem gliawo ɖo ƒe 400 kple edzivɔ megbe la, nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zakariya kple srɔ̃a Elizabet, nɔ teƒe aɖe si medidi tso dua gbɔ o. Woɖe srɔ̃ ƒe geɖe gake vi aɖeke menɔ wo si o. Gbe ɖeka esi Zakariya nɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom le gbedoxɔa me la, mawudɔla Gabriel va egbɔ. Zakariya vɔ̃ gake Gabriel gblɔ nɛ be: 'Mègavɔ̃ o. Metsɔ nya nyui aɖe tso Yehowa gbɔ vɛ na wò. Srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi eye nàtsɔ ŋkɔ nɛ be Yohanes. Yehowa tia Yohanes be wòawɔ dɔ vevi aɖe.' Zakariya bia mawudɔlaa be: 'Aleke mawɔ axɔ dziwò ase? Nye kple srɔ̃nye míetsi akpa be míadzi vi.' Gabriel gblɔ nɛ be: 'Mawue dɔm be mava gblɔ nya sia na wò. Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, màgate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime wodzi ɖevia.'\nZakariya nɔ gbedoxɔa me wòdidi wu ale si wònɔnɛ. Eya ta esi wòdo go la, ame siwo nɔ elalam le gota la di be yewoanya nu si dzɔ ɖe edzi. Zakariya mete ŋu le nu ƒom o. Dzesiwo ko wɔm wòle kple eƒe asiwo. Esia na ameawo kpɔe be Mawu gblɔ gbedeasi aɖe na Zakariya.\nEteƒe medidi o, Elizabet fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi abe ale si mawudɔlaa gblɔe ene. Elizabet xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo va be yewoakpɔ ɖevia ɖa. Wokpɔ dzidzɔ kplii. Elizabet gblɔ be: 'Woayɔe be Yohanes.' Ameawo gblɔ be: 'Womeyɔa wò ƒometɔ aɖeke be Yohanes o. Tsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zakariya nɛ.' Gake Zakariya ŋlɔ nya siawo ɖe nane dzi be: 'Eŋkɔe nye Yohanes.' Tso ema dzi la, Zakariya gate nuƒoƒo! Ðevia ŋu nya kaka ɖe Yudea nutoa katã me, eye ameawo nɔ wo ɖokuiwo biam be: 'Ame ka tɔgbie ɖevi sia ava nye?'\nEmegbe gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Zakariya fũu eye wògblɔ nya ɖi be: 'Woakafu Yehowa. Edo ŋugbe na Abraham be yeadɔ ɖela aɖe, si nye Mesia la ɖa, be wòava xɔ na mí. Yohanes anye nyagblɔɖila, eye wòadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la.'\nNu tɔxɛ aɖe dzɔ ɖe Maria, si nye Elizabet ƒe ƒometɔ hã dzi. Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si kplɔe ɖo la me.\n\"Amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ be woawɔ esia o; ke Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.\"—Mateo 19:26","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/11\/zakariya-elizabet-yohanes\/","date":"2019-06-26T16:42:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000367.74\/warc\/CC-MAIN-20190626154459-20190626180459-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980813861,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998081386089325}","num_words":372,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Gideon Wɔ Bibliamemewo ƒe agbalẽvi sia si ku ɖe Gideon, si nye Israel-vi ɖokuibɔbɔla aɖe si va zu aʋakalẽtɔ aɖe la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Gideon Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Gideon Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015218\/univ\/art\/502015218_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/gideon\/","date":"2019-06-24T14:25:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999539.60\/warc\/CC-MAIN-20190624130856-20190624152856-00413.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975063205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997506320476532}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ nu tso ale si David trɔ dzi me le nu vɔ̃ si eya kple Bat-Seba wɔ la me kple nu si tae Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃a kee la ŋu. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa, eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene!\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/david-bat-seba-b%C9%94b%C9%94-%C9%96okuiw%C3%B2-ne-wo%C9%96%C9%94-w%C3%B2-%C9%96o\/","date":"2019-06-18T20:57:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00093.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963799715,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963799715042114}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.323,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anɔ abe ƒe ɖeka kple afãe nye esia si Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ɖe Yesu fia be eyae nye Mawu ƒe Alẽvi la. Esi Yesu dze eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa gɔme la, dzianukwaretɔ geɖe va zu eƒe nusrɔ̃lawo. Wo dometɔ aɖewoe nye Andrea, Simon Petro, Yohanes, ɖewohĩ Yakobo (si nye Yohanes nɔviŋutsu), Filipo kple Bartolomeo (si wogayɔna be Nataniel). Emegbe ame bubu geɖewo hã va zu Kristo yomedzelawo.—Yohanes 1:45-47.\nƔeyiɣia de azɔ be Yesu natia eƒe apostolowo. Ame siawo anye eƒe zɔhɛ kplikplikpli siwo wòana hehe tɔxɛe. Gake hafi Yesu natia wo la, eyi to aɖe si anya te ɖe Galilea-ƒua ŋu si medidi tso Kapernaum o la dzi. Edo gbe ɖa zã bliboa katã, eye anɔ eme be enɔ nunya kple Mawu ƒe yayra biam. Le ŋufɔke la, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wòtia ame 12 le wo dome be woanye yeƒe apostolowo.\nYesu tia ame ade siwo ƒe ŋkɔ míeyɔ va yi la kple Mateo, ame si wòyɔ tso adzɔxɔƒe la. Ame atɔ̃ susɔea siwo wòtiae nye Yuda (si wogayɔna be Tadeo alo \"Yakobo vi\"), Simon Veviedola la, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi kple Yuda Iskariot.—Mateo 10:2-4; Luka 6:16.\nAme 12 siawo zɔ mɔ kple Yesu va yi eye enya wo nyuie. Wo dometɔ aɖewo hã nye eƒe ƒometɔwo. Edze ƒãa be Yakobo kpakple nɔvia Yohanes kple Yesu wonye nɔgãnɔɖiviwo. Eye abe ale si ame aɖewo bunɛ ene la, ne Alfeo nye Yosef, si xɔ Yesu abe via ene la nɔviŋutsu la, ke Alfeo vi apostolo Yakobo hã kple Yesu anye tɔgãtɔɖiviwo.\nÐikeke mele eme o be mesesẽ na Yesu be wòaɖo ŋku eƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo dzi o. Gake àte ŋu aɖo ŋku wo dzia? Nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ye nye be wo dometɔ eve ŋkɔe nye Simon, woyɔ ame eve be Yakobo, eye woyɔ ame eve be Yuda. Simon (Petro) nɔviŋutsu ŋkɔe nye Andrea, eye Yakobo (Zebedeo vi) nɔviŋutsue nye Yohanes. Esia akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku apostolo enyi ƒe ŋkɔwo dzi. Ene susɔeawo dometɔ ɖeka nye adzɔxɔla (Mateo), ɖeka ke ɖi emegbe (Toma), woyɔ wo dometɔ ɖeka le ati aɖe te (Nataniel), kpakple Nataniel xɔlɔ̃ (Filipo).\nApostoloawo dometɔ 11 tso Galilea, si nye nuto si me Yesu tso. Nataniel tso Kana. Betsaida ye Filipo kple Petro kpakple Andrea tso. Emegbe Petro kple Andrea ʋu va Kapernaum, eye anɔ eme be afi mae Mateo hã nɔ. Yakobo kple Yohanes nɔ Kapernaum alo afi si gogo afi ma, eye wonye tɔƒodelawo le nutoa me. Edze abe Yuda Iskariot, si fia Yesu yomemɔ emegbe la koe nye apostolo si tso Yudea ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/apostolo-12\/","date":"2019-06-26T20:38:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000545.97\/warc\/CC-MAIN-20190626194744-20190626220744-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984350204,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984350204467773}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sidzedze kple kakaɖeamedzie nana ƒomedodo nɔa alẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome. Yesu si nye Alẽkplɔla Nyui la nya eƒe alẽwo—enya woƒe nuhiahiãwo, woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple woƒe nyuiƒewo. Alẽawo nya alẽkplɔla la eye wokana ɖe eƒe mɔfiafia dzi.\nAleke Yesu nye Alẽkplɔla Nyui le, . . .\nale si wòƒoa eƒe alẽwo nu ƒui?\nale si wòfiaa mɔ eƒe alẽawoe?\nale si wòkpɔa eƒe alẽawo tae?\nale si wònyia eƒe alẽawoe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct1-7\/yesu-l%C3%A9a-be-na-e%C6%92e-al%E1%BA%BDwo\/","date":"2019-06-16T00:53:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997508.21\/warc\/CC-MAIN-20190616002634-20190616024634-00169.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987462163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987462162971497}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.109,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso \"avuviwo\" ŋu la nye amedzudzua?\nƔeaɖeɣi esi Yesu dzo le Israel yi Romatɔwo ƒe nuto si nye Siria me la, Hela-nyɔnu aɖe va bia kpekpeɖeŋu tso egbɔ. Esi Yesu nɔ nyaa ŋu ɖom nɛ la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si fia be etsɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la nɔ sɔsɔm kple \"avuviwo.\" Wobu avuwo be wonye lã makɔmakɔwo le Mose ƒe Sea me. (3 Mose 11:27) Gake ɖe Yesu wɔ kpɔɖeŋua be yeatsɔ adzu Hela-nyɔnua kple ame siwo menye Yudatɔwo oa?\nMenye nenemae kura o. Nu si Yesu wɔnɛ ye nye be kpekpe ɖe Yudatɔwo ŋue nye nu vevitɔ na ye ɣemaɣi abe ale si wòɖe eme na eƒe nusrɔ̃lawo ene. Eya ta ewɔ kpɔɖeŋu sia tsɔ ɖe nya sia me na Hela-nyɔnua be: \"Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.\" (Mateo 15:21-26; Marko 7:26) Zi geɖe la, Helatɔwo kple Romatɔwo lɔ̃a avuwo ƒe nya eye wonɔa wo gbɔ le aƒe me, eye wo viwo fena kpli wo. Eya ta nya \"avuviwo\" anya na nyɔnua ƒe susu yi ale si Yesu lɔ̃ ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi. Hela-nyɔnua fɔ nya le Yesu ƒe nya si wògblɔ me tsɔ ɖo eŋu nɛ be: \"Aƒetɔ, ele eme baa; gake avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.\" Yesu kafu nyɔnua ɖe eƒe xɔse ta, eye wòda gbe le vianyɔnuvi la ŋu.—Mateo 15:27, 28.\nÐe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo be yewoalala vie hafi ayi ƒudzimɔzɔzɔ aɖe dzi la sɔa?\nYa sesẽ aɖe ƒo va kpe tɔdziʋu si Paulo ɖo yina Italia, si na be ŋgɔyiyi va zu dɔ. Esi wova tɔ le mɔa dzi vie la, apostoloa ɖo aɖaŋu na wo be woana yewoalala vie hafi ayi mɔa zɔzɔ dzi. (Dɔwɔwɔwo 27:9-12) Susu ka tae wòɖo aɖaŋu sia ɖo?\nƑudzidɔwɔla siwo nɔ anyi le blema la nya nyuie be afɔku nɔa mɔzɔzɔ to Mediterranea-ƒua dzi le vuvɔŋɔliwo. Tso November ƒe domedome va se ɖe March ƒe domedome la, tɔdziʋuwo mezɔa mɔ o. Gake mɔzɔzɔ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la, adze egɔme tso September alo October me. Romatɔ agbalẽŋlɔla Vegetius (si nɔ anyi le ƒe alafa enelia K.Ŋ.) ƒo nu tso ƒu ma dzi zɔzɔ ŋu le eƒe agbalẽ si nye Epitome of Military Science me be: \"Mɔzɔzɔ le ɣleti aɖewo me sɔ nyuie, kakaɖedzi mele ɣleti aɖewo ŋu o, eye manya wɔ kura le ɖewo ya me o.\" Vegetius gblɔ be afɔku mele mɔzɔzɔ tso May 27 va se ɖe September 14 me o, gake mɔzɔzɔ eve siwo ŋu kakaɖedzi mele o, eye afɔku nɔa wo mee nye esi dzea egɔme tso September 15 va se ɖe November 11 kple esi tso March 11 va se ɖe May 26. Ðikeke mele eme o be Paulo si zɔa mɔ edziedzi la nya nu tso kuxi siawo ŋu nyuie. Anɔ eme be tɔdziʋua kula kple ʋutɔa hã nya esiawo nyuie, gake wodo toku Paulo ƒe nuxlɔ̃amea. Tɔdziʋua va gbã le mɔa zɔzɔ me.—Dɔwɔwɔwo 27:13-44.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/%C3%A8nyaa\/","date":"2019-06-19T07:19:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998923.96\/warc\/CC-MAIN-20190619063711-20190619085711-00365.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989010692,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989010691642761}","num_words":485,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe ame madeblibowo ta. (Ro 5:8) Ðikeke mele eme o be edzɔa dzi na mí be Yesu ɖee fia be yelɔ̃ mí eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ele be míaɖo ŋku edzi be Kristo ku ɖe mía nɔvia hã ta. Abe ale si Kristo lɔ̃ mí ene la, aleke míawo hã míate ŋu alɔ̃ mía nɔvi siwo mede blibo o abe míawo ke ene? Bu mɔ etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Gbãa, míate ŋu adze xɔ̃ ame siwo hã ƒe dekɔnuwo kple nuwɔnawo to vovo na mía tɔwo. (Ro 15:7; 2Ko 6:12, 13) Evelia, ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ nane alo agblɔ nya aɖe si ave ame bubuwo o. (Ro 14:13-15) Mlɔeba la, ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi la, míate ŋu atsɔe ake kaba. (Lk 17:3, 4; 23:34) Ne míeku kutri srɔ̃ Yesu le mɔ siawo nu la, Yehowa ayi edzi ayra hamea eye míanɔ ŋutifafa me awɔ ɖeka.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE ATSYƆ̃ WÒNYE NE ÈŊE AÐABA ƑU AGƆDZEDZE DZI! EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug27-sept2\/yesu-ku-%C9%96e-n%C9%94viw%C3%B2a-h%C3%A3-ta\/","date":"2019-06-16T05:22:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00085.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946774244,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946774244308472}","num_words":174,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.287,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE AKPA SIA\nTA 20\nYesu da gbe le ŋutsuvi si le didiƒe tso egbɔ anɔ kilometa 26 la ŋu.\nTA 21\nNya kae Yesu gblɔ si na wo detɔwo di be yewoawui?\nTA 22\nEmia asi wo be woaɖe asi le lãɖeɖedɔ ƒomevi aɖe ŋu ava dze bubu gɔme.\nTA 23\nNe Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me la, meɖea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woagblɔ na amewo be Mawu ƒe Vie yenye o. Nu ka tae?\nTA 24\nAmewo va Yesu gbɔ be wòada dɔ na yewo, gake Yesu ɖe eme na wo be taɖodzinu si le vevie wu lae le yeƒe subɔsubɔdɔa ŋu.\nTA 25\nYesu gblɔ nya kpui wɔdɔɖeamedzi aɖe si ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wòda gbe le la fia.\nTA 26\nAleke Yesu ɖee fia be ƒomedodo le nu vɔ̃ kple dɔléle dome?\nTA 27\nNu ka tae Yesu ɖu nu kple ame siwo amewo nya nyuie be wonye nu vɔ̃ wɔlawo?\nTA 28\nYesu tsɔ lãgbalẽgolo wɔ kpɔɖeŋui tsɔ ɖo nyaa ŋu.\nTA 29\nNu ka tae Yudatɔwo ti Yesu yome be eda gbe le ŋutsu aɖe si le dɔ lém ƒe 38 sɔŋ la ŋu?\nTA 30\nYudatɔwo susui be Yesu tsɔ eɖokui le sɔsɔm kple Mawu, gake Yesu na eme kɔ ƒãa be Mawu lolo wu ye.\nTA 31\nNu ka tae Yesu gblɔ be yenye 'Sabat la ƒe Aƒetɔ' ɖo?\nTA 32\nZadukitɔwo kple Farisitɔwo siwo menyina o la va wɔ ɖeka le susu aɖe ta.\nTA 33\nNu ka tae Yesu de se na ame siwo wòda dɔ na la be woagana amewo nadze si ye alo woagblɔ nu si yewɔ la o?\nTA 34\nVovototo kae le apostolo kple nusrɔ̃la dome?\nTA 35\nXlẽ nu tso Yesu ƒe nuƒoa me nya vevi aɖewo me ɖeɖe ŋu.\nTA 36\nNu kae asrafomegã sia wɔ si wɔ nuku na Yesu?\nTA 37\nAme siwo kpɔ nukunu sia teƒe la de dzesi gɔmesese vevi si le eŋu.\nTA 38\nNu ka tae Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa bia nenye be Yesue nye Mesia la? Ði kemee Yohanes lea?\nTA 39\nYesu gblɔ be le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba la wu Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la.\nTA 40\nEsi Yesu gblɔ na nyɔnu aɖe si anya nye gbolo la be wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee la, ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be megblẽ naneke be ame nada le Mawu ƒe se dzi oa?\nTA 41\nYesu nɔviŋutsuwo susui be eƒe tagbɔ le gbegblẽm.\nTA 42\nNu kae nye \"nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la\"?\nTA 43\nYesu do lo enyi tsɔ ɖe Dziƒofiaɖuƒea me.\nTA 44\nAle si Yesu na yaƒoƒo kple ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi la fia nu vevi aɖe mí ku ɖe ale si agbea anɔ le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la ŋu.\nTA 45\nÐe gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo ate ŋu anɔ ame ɖeka mea?\nTA 46\nYesu ɖe eƒe ŋusẽ kple dɔmetɔtrɔ fia le nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia me.\nTA 47\nEsi Yesu gblɔ be alɔ̃ ko dɔm nyɔnuvi aɖe si ku la le la, amewo koe. Nu kae Yesu nya si woawo ya menya o?\nTA 48\nNazaretetɔwo gbe Yesu, menye le eƒe nufiafia kple eƒe nukunuwo ta o, ke boŋ ɖe susu bubu aɖe ta.\nTA 49\nNu kae nya 'Dziƒofiaɖuƒe la gogo' fia ŋutɔŋutɔ?\nTA 50\nEsi Yesu gblɔ na apostoloawo be womegavɔ̃ ku o ɖe, ke nu ka tae wògblɔ be ne woti wo yome la woasi?\nTA 51\nSalome ƒe ɣeɖuɖu dzɔ dzi na Herodes ale gbegbe be wòka atam be yeatsɔ nu sia nu si wòabia la anɛ. Nu dziŋɔ kae wòbia?\nTA 52\nYesu ƒe nukunu sia ɖe dzesi ale gbegbe be Nyanyuigbalẽ eneawo katã ƒo nu tso eŋu.\nTA 53\nNu kae apostoloawo srɔ̃ tso ale si Yesu zɔ tsi dzi eye wòtsi ahom nu la me?\nTA 54\nNu ka tae Yesu ka mo na amewo togbɔ be wodze agbagba geɖe hafi te ŋu va egbɔ?\nTA 55\nYesu ƒe nufiafia aɖe ɖia amewo nu ale gbegbe be eƒe nusrɔ̃la geɖe trɔ le eyome.\nTA 56\nNu si yia eƒe nu mee loo alo nu si doa go tsoa emee?\nTA 57\nEsi Yesu tsɔ dukɔ si me nyɔnu aɖe tso la me tɔwo sɔ kple avuviwo la, nu ka tae dzi meku nyɔnua o?\nTA 58\nYesu ƒe nusrɔ̃lawo se amɔwɔʋãnu si ŋu nya gblɔm wòle la gɔme mlɔeba.\nTA 60\nNu kae nye nɔnɔmetɔtrɔ la? Nu kae wòfia?\nTA 61\nYesu gblɔ be xɔse ʋɛ gbɔe wòtso be womete ŋu da gbe le ɖevia ŋu o, gake ame ka ƒe xɔsee nɔ ʋɛ? Ðeviae loo, fofoae loo, alo Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe?\nTA 62\nŊutsu tsitsiwo srɔ̃ nu vevi aɖe tso ɖevi sue aɖe gbɔ.\nTA 63\nEƒo nu tso afɔ etɔ̃ siwo wòle be woaɖe atsɔ akpɔ ŋkubiãnyawo gbɔe le nɔviwo dome ŋu.\nTA 64\nYesu zã kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi makpɔnublanuia ŋu tsɔ ɖee fia be le Mawu gbɔ la, ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ faa atsɔe ake ame bubuwo.\nTA 65\nLe dzeɖoɖo kpui etɔ̃ aɖewo me la, Yesu ƒo nu tso nɔnɔme siwo ate ŋu axe mɔ na ame be madze ye yome o la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/","date":"2019-06-16T09:07:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998084.36\/warc\/CC-MAIN-20190616082703-20190616104703-00037.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988796115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998879611492157}","num_words":827,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míenye subɔsubɔha si me tɔwo le xexea me godoo, eye míedo ka kple ha bubu aɖeke o. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la le United States hã la, Ðasefo akpa gãtɔ le dukɔ bubuwo me. Le nyateƒe me la, Ðasefo miliɔn enyi le Biblia fiam amewo le dukɔ siwo wu 230 me. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ be: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.\"—Mateo 24:14.\nAfi ka kee míeɖale o, míewɔa se dzi pɛpɛpɛ. Ke hã míedzea agbagba be míagade nu dunyahehe me o. Susu si tae nye be, míewɔa nya si Yesu gblɔ be Kristotɔwo naganye \"xexea ƒe akpa aɖeke o\" la dzi. Eya ta míedea nu dunyahehe me o, eye míeyia aʋa alo kpea asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu o. (Yohanes 15:19; 17:16) Le Xexemeʋa II me la, wode Yehowa Ðasefo geɖewo gaxɔ me, wowɔ funyafunya wo hewu wo dometɔ aɖewo le esi womeyi aʋa o ta. Germanytɔ aɖe si nye bisiɔp tsã la ŋlɔ tso wo ŋu be: \"Woate ŋu aƒu asi akɔ be yewo koe nye habɔbɔ si gbe aʋayiyi le dzitsinya ta le Nazi Dziɖuɖua te.\"\n\"Agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le [Yehowa Ðasefowo] si. Míate ŋu azã ɖokuitɔmadila siawo le dziɖuɖu ƒe ɖoƒe kɔkɔtɔwo gɔ̃ hã—gake míele wo kpɔ ge aɖo nɔƒe mawo gbeɖe o. . . . Wodea bubu ɖoƒe siwo dziɖuɖuwo le ŋu, gake woxɔe se be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ.\"—Nová Svoboda newspaper, Czech Republic.\nKe hã, míeɖea mía ɖokui ɖe aga o. Yesu do gbe ɖa na Mawu ku ɖe eyomedzelawo ŋu ale: \"Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o.\" (Yohanes 17:15) Eya ta ànya kpɔe be míewɔa dɔ, ƒlea nu hedea suku le nuto si me nèle.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/yehowa-%C9%96asefo-sub%C9%94sub%C9%94ha\/","date":"2019-06-26T19:59:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000545.97\/warc\/CC-MAIN-20190626194744-20190626220744-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974823594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974823594093323}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le dukɔ siwo me nu mede amewo dzi le o dometɔ aɖewo me la, mɔnukpɔkpɔ mesua ŋkunɔwo alo ŋkuagbãtɔwo si abe ale si wòle le teƒe bubuwo ene o. Ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒoa asa na wo eye womenaa kpekpeɖeŋu siwo wohiã be woanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu la wo o. Ame siwo kpɔa nu ya mehiãa kpekpeɖeŋu siawo o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu asesẽ na ŋkunɔwo be woazɔ ayi asi me aɖaƒle nu, woaɖo ʋu alo woanya ga ƒe home. Nuxexlẽ hã ate ŋu anye kuxi na wo. Menye wo katãe tea ŋu xlẽa ŋkunɔwo ƒe agbalẽ o. Ne wonya exexlẽ gɔ̃ hã la, ate ŋu asesẽ na wo be woakpɔ ŋkunɔwo ƒe agbalẽ le wo degbe me.\nƑe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia Yehowa Ðasefowo taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo na ŋkunɔwo. Nyitsɔ laa la, Yehowa Ðasefowo tsɔ ŋkunɔwo ƒe agbalẽtamɔ̃ kple agbalẽblamɔ̃ tso Netherlands (Pays-Bas) yi Malawi ale be woate ŋu ata ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo le Chichewagbe si wodona le du ma me la me.\nLeo, si bi ɖe ŋkunɔgbalẽwo tata me la, zɔ mɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Brazil yi Malawi. Efia ale si wozãa mɔ̃awo kple kɔmpiutaɖoɖo aɖe si wotsɔ ŋlɔa ŋkunɔgbalẽwo si Ðasefowo ŋutɔ to vɛ la ame atɔ̃ aɖewo. Kɔmpiutaɖoɖoa trɔa nuŋɔŋlɔawo wozua Chichewagbe me ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ. Hafi mɔ̃a zãlawo nate ŋu awɔ dɔ sia la, ehiã be woatrɔ asi le nuŋɔŋlɔwo tɔtrɔ ƒe dɔwɔnu aɖe si dzi ŋɔŋlɔdzesi siwo míezãna kple Chichewa-ŋkunɔgbe me nuŋlɔdzesiwo siaa le la ŋu. Dɔwɔnu sia tea ŋu trɔa agbalẽawo me nyawo ɖe ŋkunɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo me eye wòtrɔa asi le agbalẽawo ŋu ale gbegbe be wo xexlẽ nɔa bɔbɔe na ŋkunɔwo. Kpɔ nya siwo ŋkunɔ siwo le Malawi la dometɔ aɖewo gblɔ tso woƒe ŋkunɔgbalẽwo ŋu la ɖa.\nMunyaradzi nye ɖetugbui ŋkuagbãtɔ aɖe si kpɔa eya ŋutɔ ƒe radiodziwɔna aɖe dzi le kwasiɖa ƒe ŋkeke aɖewo dzi. Ezãa gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti tsɔ fiaa Biblia amewo. Egblɔ be: \"Tsã la, wonaa Eŋlisigbe me ŋkunɔgbalẽwom, esi mexɔ mía degbe me tɔwo la, wolé dzi nam ŋutɔ. Mekpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe agbagba siwo nɔvinye Ðasefowo dze te ŋu wɔ ŋkunɔgbalẽwo le mía degbea me na mí la ŋu ŋutɔ. Esia nana mesena le ɖokuinye me be womeŋlɔ mí be o, eye wodea asixɔxɔ mía ŋu.\"\nFrancis nye Ðasefo aɖe si le Malawi ƒe dziehe. Esi wònye ŋkuagbãtɔe wònye ta la, amewoe xlẽa nuwo nɛ tsã. Esi wòxɔ Chichewagbe me ŋkunɔgbalẽ gbãtɔ la, edo ɣli be: \"Drɔ̃e kum melea? Esia wɔ nuku loo!\"\nLoyce, si hã nye ŋkunɔ alo ŋkuagbãtɔ la zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ fiaa Biblia amewo. Ekpe ɖe ame 52 ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ heva zu ame ɖɔʋuwo. Aleke wòwɔnɛ? Ne ele nu fiam amewo la, ezãa ŋkunɔgbalẽwo evɔ eƒe nusrɔ̃viwo ya zãa míaƒe agbalẽ siwo ame siwo kpɔa nu zãna. Yehowa Ðasefowoe taa agbalẽ siawo katã.\nLeo, nufiala si tso Brazil si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: \"Ne metsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le ŋkunɔgbewo me na ŋkunɔwo eye mekpɔ ale si wowɔa nui ne wode dzesii be agbalẽawo le yewoƒe gbe me la, enaa dzidzeme gã aɖem. Wo dometɔ geɖe da akpe na Yehowa eye wogblɔ dzidzɔ si gbegbe wònye na wo be mɔnukpɔkpɔ su wo si be woawo ŋutɔ woate ŋu adzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Womegakpɔa ame aɖeke si nu be wòaxlẽ agbalẽawo na yewo o. Fifia woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ vavã. Woate ŋu akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu nyuie be woasẽ ŋu le mawusubɔsubɔ me. Agbalẽ siawo kpena ɖe wo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agbal%E1%BA%BDtata\/kpekpe%C9%96e%C5%8Bunana-%C5%8Bkun%C9%94-siwo-le-afrika\/","date":"2019-06-18T07:09:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998690.87\/warc\/CC-MAIN-20190618063322-20190618085322-00211.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986308813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986308813095093}","num_words":592,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! March 2013 | Ale Si Nàwɔ Anye Vifofo Nyui\nVifofo geɖewo kpɔe be ne yewo kple yewoƒe ƒomewo yewowɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, eɖea vi geɖe na yewo.\nWoƒo nu tso nu siawo hã ŋu: Dɔwuame ɖeɖe ɖa, dɔ ƒe nuteɖeamedzi, kple ale si woakpɔ ya nyui agbɔ le China dugaÞwo me.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBu Biblia ƒe mɔfiame atɔ̃ siwo ana nànye vifofo lɔ̃ame si da sɔ la ŋu kpɔ.\nNusɔsrɔ̃ tso lã klitsu sia kple eƒe nɔnɔmewo ŋu awɔ nuku na wò godoo.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nNe èdi be yeƒe nu nadze Mawu ŋu la, ke dze agbagba nànya ale si Mawu bua gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔe.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu kae nàte ŋu awɔ ne edze abe viwò ƒewuivi tsia tre ɖe wò se ɖe sia ɖe ŋu ene?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nEsrɔ̃ nu tso dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme ŋuti, eye wòxɔ Mawu kple Biblia la dzi se vevie.\nWAS IT DESIGNED?\nAleke yiyi sia wɔna nyana dometsotso si tututu le eya kple nu si kpɔm wòle la dome? Nu ka tae numekulawo di be yewoasrɔ̃ eƒe aɖaŋu sia?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nKpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe ale si nàwɔ adzudzɔ wò dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe la ŋu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201303\/","date":"2019-06-26T01:37:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000044.37\/warc\/CC-MAIN-20190626013357-20190626035357-00424.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987826943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987826943397522}","num_words":205,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nGbe sia gbe la, Amerikatɔwo ƒe asrafo xɔgbɔɖeme 20 kple edzivɔwo wua wo ɖokuiwo. Eye ɣleti sia ɣleti la, asrafo xɔgbɔɖeme 950 aɖewo siwo gbɔ kpɔm wole le Amerikatɔwo ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Asrafo Tsitsiwo Ƒe Nyawo Gbɔ la tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokuiwo.\nChina\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye China Daily ka nya ta be \"ɖetugbui siwo ʋu va le dɔ wɔm le nuto bubuwo me, siwo mekpɔ xɔ ƒe 30 haɖe o la ƒe afã kloe fɔa fu do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Esia nye China-vidada siwo meɖe srɔ̃ o ƒe dzidziɖedzi gã aɖe ne wòtsɔe sɔ kple ƒe ʋɛ siwo va yi tɔ.\" Eye wogblɔ hã be Chinatɔ \"geɖe va le asi dam ɖe edzi be ŋutsu kple nyɔnu ate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee.\"\nGreece\nAsrãdɔ (atikesi) si nye dɔléle si wobu mo na keŋkeŋ kloe le dukɔa me le ƒe 1974 me la gate mododoɖa. Wogblɔ be ganyawo ƒe tɔtɔ kple ale si woɖe ga si wozãna ɖe amewo ƒe lãmesẽnyawo ŋu dzi kpɔtɔ gbɔe esia tso.\nIndia\nNumekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be togbɔ be ame geɖe va le tɔtrɔm ɖe yevudetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu hã la, ame 74 le alafa me gakpɔtɔ lɔ̃na be yewo dzilawo natia ame si yewoaɖe na yewo wu be yewo ŋutɔwo yewoaɖe ame si ƒe nu lé dzi na yewo. Eye ame gbogbo siwo nye 89 le alafa me di be yewoanɔ yewoƒe ƒome abɔlegbe dome tsɔ wu be yewo kple yewo dzilawo kpakple yewo nɔviwo ɖeɖe yewoanɔ anyi.\nItaly\n\"Wɔna le vɔvɔm le Katoliko-ha la ŋu le Europa afi si kesinɔnuwo bɔ ɖo kple Amerika siaa. Míaƒe nuwɔnawo zu blemanuwo, míaƒe sɔlemexɔwo lolo, míaƒe saɖeagaxɔwo tsi ƒuƒlu, eye míaƒe sɔlemeha ƒe ɖoɖowo metsɔa afɔ nyuie o, míaƒe subɔsubɔkɔnuwo kple subɔsubɔwuwo le kpeɖii. . . . Sɔlemeha tsi megbe ƒe 200.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201308\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-18T11:17:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991797209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991797208786011}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMEGBETƆWO DINA BE WOALƆ̃ YEWO. Srɔ̃tɔwo, ƒomewo, alo xɔlɔ̃wo dome mavivi ne lɔlɔ̃ meli o. Eya ta edze ƒãa be lɔlɔ̃ nana amewo meléa tagbɔ dɔ o eye wònana wokpɔa dzidzɔ. Ke nu kae nye \"lɔlɔ̃\"?\nMenye lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome ŋue wole nu ƒom tsoe le afi sia o, togbɔ be ema hã le vevie ya. Ke boŋ enye lɔlɔ̃ si de ŋgɔ wu, si nana ame tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo, eye wòtsɔa woƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ. Enye lɔlɔ̃ si wotu ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, eye vividoɖeameŋu kple seselelãme kpe ɖe eŋu.\nWoɖɔ lɔlɔ̃ wòsɔ nyuie ale: \"Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, . . . ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.\"—1 Korintotɔwo 13:4-8.\nLɔlɔ̃ sia tɔgbi \"nu metsina gbeɖe o,\" si fia be anɔ anyi ɖaa. Le nyateƒe me la, enɔa sesẽm ɖe edzi. Eye esi wògbɔa dzi ɖi, nyoa dɔme eye wòtsɔna kena ta la, enye \"ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.\" (Kolosetɔwo 3:14) Eya ta ame siwo lɔlɔ̃ sia bla la nɔa dedie eye dzi dzɔa wo togbɔ be womede blibo o hã. Le kpɔɖeŋu me, bu srɔ̃ɖekadodoa ŋu kpɔ.\n\"ÐEKAWƆWƆ ƑE NUBLANU DEBLIBO\" LA BLA WO ÐEKAE\nYesu Kristo fia nu vevi aɖewo tso srɔ̃ɖeɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: \"'Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.' . . . Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.\" (Mateo 19:5, 6) Mɔfiame vevi eve aɖewo ya teti dze le afi sia.\n\"AME EVEA WOAZU ŊUTILà ÐEKA.\" Srɔ̃ɖeɖe ye nye amegbetɔwo dome ƒomedodo si me le kplikplikpli wu, eye lɔlɔ̃ ana woawɔ nuteƒe, si fia be ŋutsua alo nyɔnua mava zu \"ŋutilã ɖeka\" kple ame bubu aɖe si menye srɔ̃a o. (1 Korintotɔwo 6:16; Hebritɔwo 13:4) Nuteƒemawɔmawɔ nana womegakana ɖe ame dzi o, eye esia gblẽa srɔ̃ɖeɖe me. Ne ɖeviwo le ƒomea me la, agblẽ nu le woawo hã ŋu, eye wòana woase le wo ɖokuiwo me be womelɔ̃ yewo o, yewomele dedie o, alo ana woanɔ dziku dom.\n\"NU SI MAWU BLA ÐEKAE.\" Azɔ hã srɔ̃ɖeɖe nye kadodo si le kɔkɔe. Srɔ̃tɔ siwo lɔ̃ ɖe nya ma dzi la dzea agbagba be yewoado ŋusẽ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea. Ne kuxiwo do mo ɖa la, womenɔa mɔnu dim be yewoaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea me o. Wolɔ̃a wo nɔewo vevie eye wonɔa te ɖe kuxiawo nu. Lɔlɔ̃ ma ƒomevi 'doa dzi le nuwo katã me,' ekpena ɖe wo ŋu wokpɔa kuxiwo gbɔ ale be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔa srɔ̃ɖeɖea me.\nNe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ le dzilawo dome la, eɖea vi na wo viwo vevie ŋutɔ. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jessica gblɔ be: \"Dzinyelawo lɔ̃ wo nɔewo vevie eye wodea bubu wo nɔewo ŋu. Ne mekpɔ ale si nɔnye dea bubu fofonye ŋu, vevietɔ ne nɔnye le nu wɔm ɖe mí ɖeviawo ŋu la, medina be masrɔ̃ eƒe nuwɔna.\"\nLɔlɔ̃ nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: \"Mawu nye lɔlɔ̃.\" (1 Yohanes 4:8) Eya ta mewɔ nuku be wogayɔ Yehowa be \"Mawu dzidzɔtɔ\" la o. (1 Timoteo 1:11) Ne míawo hã míedze agbagba srɔ̃ mía Wɔlaa ƒe nɔnɔmewo, vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ la, dzi adzɔ míawo hã. Efesotɔwo 5:1, 2 gblɔ be: \"Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene, eye miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/nu-si-nana-wokp%C9%94a-dzidz%C9%94-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/","date":"2019-06-18T10:48:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967416525,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967416524887085}","num_words":604,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame geɖewo bua atitsoga be enye Kristotɔ siwo le xexea me godoo la ƒe dzesi. Togbɔ be Kristotɔwoe mí Yehowa Ðasefowo míenye hã la, míezãa atitsoga le míaƒe tadedeagu me o. Nu ka tae?\nNu si tae nye be Biblia ɖee fia be Yesu meku le atitsoga ŋu o, ke boŋ ati tsralaa ŋutie wòku ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo vevie be woasi \"le trɔ̃subɔsubɔ\" nu, esia fia hã be womazã atitsoga le woƒe tadedeagu me o.—1 Korintotɔwo 10:14; 1 Yohanes 5:21.\nEɖe dzesi ŋutɔ be Yesu gblɔ be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\" ( Yohanes 13:34, 35) Yesu ƒe nya siawo fia be menye atitsoga alo nɔnɔmetata aɖee wotsɔ dea dzesi eyomedzela vavãwo o, ke boŋ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃e.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/atitsoga-dzix%C9%94se\/","date":"2019-06-17T21:33:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00065.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997539103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975391030311584}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe ewo pɛ koe mexɔ le ƒe 1985 me esime ɖevi siwo wokplɔ tso Cambodia la dometɔ aɖewo va míaƒe suku le Columbus, Ohio, U.S.A. Ðeviawo dometɔ ɖeka doa Eŋlisigbe ɖekaɖeka. Ezã nɔnɔmetatawo tsɔ gblɔ nu dziŋɔ siwo dzɔ le wo de, siwo me wowɔ funyafunya amewo hewu amewo le, kple ale si ame aɖewo te ŋu si le enu la nam. Mefaa avi le zã me ne meɖo ŋku ɖevi mawo dzi. Medi be magblɔ Paradiso kple tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nya na wo, gake womese Eŋlisigbea o. Togbɔ be ɖevi koe menye hã la, medi vevie be masrɔ̃ Cambodiagbe ale be mate ŋu afia nu nye sukuhatiwo tso Yehowa ŋu. Nyemenya be tiatia ma si mewɔ ɣemaɣi la ava kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye le etsɔme o.\nCambodiagbe sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe o. Zi eve sɔŋ meɖoe be mana ta. Gake Yehowa de dzi ƒo nam to dzinyelawo dzi. Le ƒe aɖewo megbe la, nye nufialawo kple nye sukuhatiwo nɔ nya ƒom ɖe nunye be mawɔ tiatia si ana makpɔ dɔ gã aɖe awɔ. Gake medi be mazu mɔɖela boŋ, eya ta le sekɛndrisuku la, metia sukunusɔsrɔ̃ si ana makpɔ dɔ si maxɔ ɣeyiɣi geɖe o ale be mate ŋu aɖo nye taɖodzinua gbɔ. Mewɔ ɖoɖo nye kple mɔɖela aɖewo míeyina ɖaɖea gbeƒã ne mekpã le suku. Azɔ hã mefiaa nu sukuvi siwo le Eŋlisigbe srɔ̃m la le aƒe me, eye esia nye tiatia si va ɖe vi nam ŋutɔ emegbe.\nEsi mexɔ ƒe 16 la, mese be Cambodiagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le Long Beach, California, U.S.A. Meɖi tsa yi afi ma, eye mesrɔ̃ Cambodiagbe xexlẽ. Esi medo le suku teti ko la, medze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye meyi edzi nɔ gbeƒã ɖem na Cambodiatɔ siwo le míaƒe nutoa me. Kaka maxɔ ƒe 18 la, menɔ ʋuʋu yi Cambodia ŋu bum. Cambodia gakpɔtɔ nye afɔkuteƒe ɣemaɣi ya, gake menyae be ame miliɔn ewo siwo le afi ma la dometɔ ʋɛ aɖewo koe se Fiaɖuƒeŋutinya nyuia kpɔ. Ɣemaɣi la, hame ɖeka si me gbeƒãɖela 13 le koe nɔ dukɔ bliboa me. Meɖi tsa yi Cambodia zi gbãtɔ esi mexɔ ƒe 19. Ƒe eve megbe la, metiae be maʋu aɖatsi afi ma. Mewɔa dɔ ŋkeke aɖewo abe gbegɔmeɖela kple Eŋlisigbefiala ene tsɔ kpɔa ɖokuinye dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe taɖodzinuwo sɔ kple tɔnye. Míekpe ɖe Cambodiatɔ geɖe ŋu wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu. Esia nana míekpɔa dzidzɔ geɖe.\nYehowa 'na nu siwo nye dzi di lam.' (Ps. 37:4) Nusrɔ̃lawɔwɔdɔae nye agbemedɔ si naa dzidzeme ame wu. Le ƒe 16 siwo metsɔ nɔ Cambodia-dukɔa me me la, Yehowa subɔla 13 siwo nɔ afi ma dzi ɖe edzi zu hame 12 kple ƒuƒoƒo 4 fifia!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140115\/kpekpe-%C9%96e-cambodiat%C9%94wo-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-16T22:35:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998325.55\/warc\/CC-MAIN-20190616222856-20190617004856-00261.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992179275,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992179274559021}","num_words":443,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Naomi Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Naomi, ame si kpe ɖe lɔ̃xoyɔvia Rut ŋu la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Naomi Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Naomi Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015181\/univ\/art\/502015181_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/naomi\/","date":"2019-06-19T01:50:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961364865,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996136486530304}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.153,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE ALAFA atɔ̃e nye esi va yi la, Spaniatɔwo va nuto sia me. Wona ŋkɔe be Costa Rica (Kesinɔnuwo Ƒe Ƒuta), elabena wosusui be yewoakpɔ sika geɖe le afi sia—gake wokui wòɖuɖu. Egbea menye tomega xɔasiwoe bɔ ɖe du sia me o, ke boŋ enye anyigbadzidukɔ siwo me lãwo kple ati vovovowo bɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka.\nAmewo yɔa Costa Ricatɔwo be Ticowo. Zi geɖe la, du sia me tɔwo lɔ̃a \"-ico\" tsɔtsɔ ɖo nyawo ƒe nuwuwu tsɔ ɖɔa nane ƒe suenyenye. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be \"un momentico\" (megbɔna vie) le esi woagblɔ be \"un momento\" (megbɔna) teƒe. Le woƒe gbe sia gbe dzeɖoɖo me la, ne wodi be yewoada akpe ɖe nane ta, ado gbe na ame alo aklã ame be yewodzo la, wogblɔna ko be \"¡pura vida!\" (agbe kɔkɔe!).\nCosta Ricatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖee nye gallo pinto (si gɔme ɖeɖe tẽe nye \"koklotsu ŋɔtaŋɔta\"). Enyea mɔlu kple ayi siwo woɖa vovovo, emegbe wova tsakaa wo kple nudonuwo ɖana ɖekae. Wotea ŋu ɖua gallo pinto le ŋdi, ŋdɔ kple fiẽ siaa. Woƒe nunono vevi aɖee nye café chorreado, enye kɔfi si wotsyɔna kple nutsyɔvɔ si wobla ɖe ati ŋu.\nYehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 450 woe le Costa Rica. Wowɔa woƒe kpekpewo le gbe ewo me, esiawo dometɔ aɖewoe nye Costa Rica Tokunɔgbe kple Costa Rica degbe eve siwo nye Bribri kple Cabecar.\nÈNYAA? Kpe nogo alafa geɖewo le Costa Rica. Kpeawo ƒe lolotɔ keke meta 2.4. Wogblɔ be kpeawo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 1,400 kple edzivɔwo. Ame aɖeke menya afi si tututu kpe siawo tso o!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201501\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-costa-rica\/","date":"2019-06-19T01:48:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981345534,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981345534324646}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Ŋudɔwɔnuwo\nTia Biblia vovovo adeawo dometɔ ɖeka.\nZi mawunyakpukpui aɖe dzi ne nàkpɔ ale si Biblia vovovoawo ɖe egɔmee.\nZi etenuŋɔŋlɔwo kple titinanuŋɔŋlɔwo ƒe dzesiwo dzi nàkpɔ nu siwo ŋuti woku ɖo.\nAgbalẽwo Ʋuʋu\nLi asi agbalẽ si me nèlea dzi yi miame alo ɖusime be wòaʋu agbalẽa ƒe akpa bubuwo na wò kaba.\nZã axaléɖinua nàtsɔ alé mawunyakpukpui alo ta si xlẽm nèle la ɖi ale be nàte ŋu ake ɖe eŋu kaba ne èdi be yeayi nuxexlẽa dzi ɣebubuɣi.\nYi afi si nye Esiwo Nèʋu ne nàkpɔ nu siwo nèʋu va yi la kaba.\nZã nudidi ƒe mɔnua nàtsɔ adi nyawo kple nyagbewo le agbalẽ si nèʋu la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-library\/dzi-nuwo\/","date":"2019-06-18T11:47:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00269.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997861981,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997861981391907}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo\nKpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze le agbe me la ɖa.\nNYABIASE 1\nNe ènya wò nɔnɔme nyuiwo, nu siwo me nèsẽ ŋu le, nu siwo me nègbɔdzɔ le kple wò taɖodzinuwo nyuie la, akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si sɔ ne woƒo nya ɖe nuwò.\nNYABIASE 2\nNe èkpɔ ɖokuiwò le ahuhɔ̃e me la, ɖe dzi ɖena le ƒowòa? Aleke nàte ŋu atrɔ asi le wò dzedzeme ŋu wòanyo wu?\nNYABIASE 3\nAɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dzeɖoɖo kple dziwòlawo nanɔ bɔbɔe na wò.\nNYABIASE 4\nÀda vo godoo, ame sia ame daa vo. Gake aleke nàwɔ nui?\nNYABIASE 5\nMenye wɔnamanɔŋutɔe nènye o. Àte ŋu anɔ te ɖe amenuɖialawo nu kɔmadamadae.\nNYABIASE 6\nAte ŋu asesẽ na wò be nàwɔ nu si nènya be eyae nye nu si sɔ.\nNYABIASE 7\nKpɔ nu siwo dzɔ ɖe sɔhɛ siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me dzi la ɖa.\nNYABIASE 8\nSɔhɛwo koŋ ŋutie wowɔa nu sia ɖo. Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso nu sia wɔlawo si me?\nNYABIASE 9\nNumeɖeɖe ka mee susu le wu?\nNYABIASE 10\nAme geɖe gblɔna be nyakpakpawoe le Biblia me, emenyawo do xoxo alo wo gɔme sese sesẽ akpa. Gake nya siawo katã menye nyateƒe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo-nya\/","date":"2019-06-17T04:39:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00305.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973099828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973099827766418}","num_words":203,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nWode dzesii le numekuku aɖe si wowɔ me be ame siwo tsoa ʋumɔ me la dometɔ 1 le 3 me ƒe susu nɔa nu bubu ŋu hafi wonɔa mɔ gãwo me tsom. Nu siwo hea woƒe susu ne wole mɔ me tsom la dometɔ aɖewoe nye hasese kple dzeɖoɖo le asitelefon dzi. Nu si gahea woƒe susu wue nye nuŋɔŋlɔ na amewo to asitelefon dzi. Ɣeyiɣi si ame siwo nɔa nu ŋlɔm na amewo tsɔ tsoa mɔ me la didina wu esi ame siwo naneke mehe susu na o la tɔ teƒe 18 le alafa me. Eye enɔa bɔbɔe na ame siawo zi ene kloe wu be woada mɔmetsosewo dzi, atso mɔ me le afi si mesɔ le o alo be womakpɔ mɔ me hafi atsoe o.\nNigeria\nAme siwo kplɔa nyɔnuwo tso Nigeria yia Europa hewɔa wo kluviwoe la kplɔa wo yia voduƒe gbã ale be woaka atam be yewomaʋu go nya aɖeke o. Esi ame siwo wɔa nyɔnuwo kluviwoe la nyae be amewo vɔ̃a gbɔgbɔwo vevie ta la, wodoa vɔvɔ̃ na wo henana wolɔ̃na faa nɔa gbolo wɔm na wo eye wonɔa ga xɔm ɖe wo ta.\nSpain\nAme siwo le dɔ dim la dometɔ 5 va ɖo 10 le alafa me metsɔa yunivɛsiti-ɖaseɖigbalẽwo kple ɖaseɖigbalẽ siwo woxɔ le dɔ bubu siwo wowɔ kpɔ me la kpena ɖe woƒe dɔdigbalẽwo ŋu o, elabena dɔtɔwo bua ɖaseɖigbalẽ siawo be wokɔkɔ akpa.\nXexea Me\nWobunɛ be nu siwo wua ame wu le dukɔ madeŋgɔwo me la dometɔ ɖekae nye dzudzɔ si dona le mlekpuimedzo siwo wodona le dzodoƒe siwo ya meƒona le nyuie o la me. Le dukɔ siawo me la, gbɔgbɔmasuamedɔ wua ame miliɔn ene ƒe sia ƒe eye mlekpuimedzudzɔ gbɔe dɔléle siawo tso. Numekulawo gblɔ be aɖi vɔ̃ɖi siwo dona le mlekpui si me wodoa nakedzo alo akadzo ɖo me la nu sẽna ko abe aɖi si nɔa sigaret ƒe dzudzɔ me ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201312\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-25T06:23:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00294.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989620447,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989620447158813}","num_words":312,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke nàwɔ anye dzila nyui?\nAƒe si me dzilawo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu le la nyea dedienɔƒe si ɖeviwo tsina le nyuie. (Kolosetɔwo 3:14, 19) Dzila nyuiwo lɔ̃a wo viwo eye wokafua wo, abe ale si ko Yehowa Mawu kafu Via ene.—Xlẽ Mateo 3:17.\nMía Fofo si le dziƒo la ɖoa to esubɔlawo ne wole nu ƒom nɛ eye wòsea woƒe seselelãmewo gɔme na wo. Anyo be dzilawo nasrɔ̃ eyama eye woaɖo to wo viwo ne wole nu ƒom na wo. (Yakobo 1:19) Ne ɖeviawo ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ la, ele be woase egɔme na wo, nenye be womegblɔe nyuie o hã.—Xlẽ 4 Mose 11:11, 15.\nAleke nàhe viwòwo be woava zu ame ɖɔʋuwo?\nEsi wònye be wòe nye dzila ta la, ŋusẽ le asiwò be nàde sewo le aƒea me. (Efesotɔwo 6:1) Srɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋua. Mawu ɖenɛ fiana na be yelɔ̃ ye viwo esi wòdea se siwo me kɔ nyuie heɖea nu gbegblẽ siwo ado tso eme ne womeɖo to o la me na wo. (1 Mose 3:3) Mawu mezia amewo dzi akpasesẽtɔe be woaɖo to ye o, ke boŋ ɖe wòɖea ale si eme anyo na wo ne wowɔ nyui la me na wo.—Xlẽ Yesaya 48:18, 19.\nÐoe wò taɖodzinui be yeana ye viwo nalɔ̃ Mawu. Esia awɔe be woawɔ nu le nunya me ne mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã. Ale si ko Mawu toa kpɔɖeŋu nyui siwo wòɖona dzi fiaa nu míi la, wò hã àte ŋu afia nu viwòwo be woalɔ̃ Mawu ne wò ŋutɔ èɖo kpɔɖeŋua ɖi na wo.—Xlẽ 5 Mose 6:5-7; Efesotɔwo 4:32; 5:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150601\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-anye-dzila-nyui\/","date":"2019-06-27T05:37:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00539.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986014962,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998601496219635}","num_words":250,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 10 lia dzie wotu nusrɔ̃gbalẽvi sia ɖo. Nu ka tae Yehowa de se be míatsri gbɔgbɔyɔyɔ ƒomeviwo katã? Aleke míawɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo di be yewoable mí la si me?\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BDvi\/gb%C9%94gb%C9%94-v%C9%94%CC%83wo-gb%C9%94gb%C9%94menuw%C9%94w%C9%94wo-akpa-2\/","date":"2019-06-19T00:47:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00549.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999275744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992757439613342}","num_words":51,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KATHERINE tsi le Amerika eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo esime wòxɔ ƒe 16. Ekua kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me gake amewo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me le eƒe hamea ƒe anyigbamama me o. Egblɔ be: \"Mexlẽ nuteƒekpɔkpɔwo ku ɖe ame siwo do gbe ɖa na Mawu be wòaɖo ame aɖe ɖa wòava kpe ɖe yewo ŋu yewoanyae nyuie la ŋu. Zi geɖe la, enyea nye didi be nye hã make ɖe ame aɖe ŋu nenema, gake esia meva eme nam kpɔ o.\"\nEsi Katherine ɖe gbeƒã le anyigbamama ma me ƒe geɖe megbe la, eva nɔ ʋuʋu ayi nuto si me amewo aɖo to Fiaɖuƒegbedeasia le wu la me ŋu bum. Gake esusui be esia wɔwɔ asesẽ na ye. Zi ɖeka koe wòdzo le eƒe ƒometɔwo gbɔ yi ɖanɔ teƒe bubu kpɔ\nGBEDODOÐA EVE ƑE ŊUÐOÐO\nEsi Katherine va ɖo hame yeyea me megbe kpuie la, eɖi ɖase na Doris, si nye nyɔnu aɖe si xɔ abe ƒe 45 ene, eye wòlɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Esi wosrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta etɔ̃ gbãtɔawo vɔ la, Katherine va tsi dzi vie. Egblɔ be: \"Nusrɔ̃vi dovevienu aɖee Doris nye, eya ta medi vevie be malé be nɛ. Nyemewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi kpɔ o eye mesusui be Doris hiã nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖe be wòayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii, ɖewohĩ nɔvinyɔnu aɖe si wo kplii wonye hati.\" Katherine do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ nɔvinyɔnu si sɔ be yeatsɔ Biblia-nusrɔ̃via anɛ. Eyome eɖoe be yeagblɔ na Doris be nɔvi bubu ava yi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.\nKatherine gblɔ be: \"Hafi mado nyaa ɖa la, Doris gblɔ nam be yedi be yeaƒo nu tso kuxi aɖe ŋu nam. Esi meɖo toe vɔ la, megblɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye medo dzi le nɔnɔme ma tɔgbi me va yi la nɛ. Eda akpe nam.\" Eyome Doris gblɔ na Katherine be: \"Yehowa zãa wò tsɔ kpena ɖe ŋunye. Zi gbãtɔ si nèva gbɔnye la, menɔ Biblia xlẽm gaƒoƒo geɖe. Menɔ avi fam henɔ Mawu biam be wòaɖo ame aɖe ɖem be wòava kpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Enumake nèƒo ʋɔa. Yehowa ɖo nye gbedodoɖaa ŋu nam vavã!\" Aɖatsi lólo ɖe Katherine ƒe ŋku dzi esi wònɔ nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi sia gblɔm. Egblɔ be: \"Doris ƒe nyawo nye nye gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo. Yehowa ɖee fiam be mesu te ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.\"\nDoris xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2010 me, eye egbea eya hã le Biblia srɔ̃m kple ame geɖewo. Katherine gblɔ be: \"Dzi dzɔm ŋutɔ be didi si nɔ menye ɣeyiɣi didi aɖe be makpe ɖe dzianukwaretɔ aɖe ŋu wòava zu Yehowa subɔla la va eme nam!\" Egbea Katherine nye mɔɖela vevi kpɔdzidzɔ le Pacific ƒukpo si nye Kosrae dzi.\nKUXI ETƆ̃ AÐEWO DZI ÐUÐU\nNɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu alafa ɖeka (siwo xɔ tso ƒe 19 va se ɖe 79) va le subɔsubɔm le afi siwo hiahiã geɖe le wu le Micronesia. Erica, si ʋu va Guam le ƒe 2006 me esime wòxɔ ƒe 19 la, ɖe gbeƒãɖela dovevienu siawo ƒe seselelãme gblɔ wòsɔ nyuie ale: \"Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le anyigbamama si me nyateƒea ƒe tsikɔ le amewo wum me la vivina ŋutɔ. Medaa akpe na Yehowa be ekpe ɖe ŋunye be metia subɔsubɔmɔnu sia. Esiae nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ!\" Egbea Erica zu mɔɖela vevi le Ebeye, si le Marshall ƒukpowo dzi. Ke hã, kuxiwo le subɔsubɔ le dutanyigba dzi me. Mina míadzro kuxi siawo dometɔ etɔ̃ me, ne míakpɔ ale si nɔvi siwo ʋu va Micronesia wɔ ɖu wo dzii ɖa.\nGakuxiwo. Esi Simon, si xɔ ƒe 22, va ɖo Palau ƒukpo dzi le ƒe 2007 me megbe teti la, ede dzesii be fetu si yexɔna le yewo de England la ƒe kakɛ aɖe koe yeate ŋu axɔ le afi sia. Egblɔ be: \"Eva hiã be masrɔ̃ ale si maɖu ɖokuinye dzi be nyemanɔ nu sia nu si medi la ƒlem o. Fifia, meléa ŋku ɖe nu siwo maƒle aɖa la ŋu nyuie hafi ƒlea wo, meɖia tsa le asia me nyuie be maƒle nu siwo ƒe asi bɔbɔ vie. Ne nye nuzazã aɖe gblẽ la, media akpa si gblẽ la ƒe zãkpɔtɔ, eye media ame si akpe ɖe ŋunye madzrae ɖo.\" Aleke agbe tsɛ nɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Simon dzi? Egblɔ be: \"Esia kpe ɖe ŋunye meva kpɔ nu si le vevie wu le agbe me dze sii kple ale si manɔ agbe ɖe nu sue aɖe ko nu. Mekpɔa Yehowa ƒe asi le nye agbe me zi geɖe. Le ƒe adre siwo metsɔ le afi sia me la, mekpɔa nu si maɖu kple afi si mada ta ɖo la godoo.\" Vavãe, Yehowa kpena ɖe ame siwo nɔa agbe tsɛ le esi wodi be yewoadi Fiaɖuƒea gbã ta la ŋu.\nAƒedzroame. Erica gblɔ be: \"Nye kple nye ƒometɔwo dome le kplikplikpli eye menɔ vɔvɔ̃m be aƒedzroame agblẽ nye subɔsubɔdɔa me.\" Nu kae wòwɔ tsɔ dzra ɖo? Egblɔ be: \"Hafi maʋu la, mexlẽ Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ku ɖe aƒedzroame ŋu. Esia dzra nye dzi ɖo be mate ŋu aɖu kuxi ma dzi. Le nyatiawo dometɔ ɖeka me la, vidada aɖe ka ɖe Yehowa ƒe beléname dzi na vianyɔnu esi wògblɔ be, 'Yehowa ate ŋu alé be na wò nyuie wum.' Kakaɖedzinya ma do ŋusẽm ŋutɔ.\" Hannah kple srɔ̃a Patrick le subɔsubɔm le Majuro le Marshall ƒukpowo dzi. Hannah te ŋu ɖu aƒedzroame dzi esi wòna eƒe susu le nɔvi siwo le woƒe hame yeyea me ŋu. Egblɔ be: \"Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi ɖe míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ta, elabena woawo hã wonye nye ƒometɔwo. Woƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, nyemate ŋu asubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu o.\"\nXɔlɔ̃dzedze. Simon gblɔ be: \"Ne èva ɖo dukɔ yeye aɖe me la, nu sia nu kloe toa vovo. Ɣeaɖewoɣi la, egadzroam be magblɔ nya ɖikokoe aɖe eye be amewo nase egɔme nyuie ahako nu.\" Erica gblɔ be: \"Le gɔmedzedzea me la, metsi eme, gake ema kpe ɖe ŋunye megbugbɔ de ŋugble le susu si tae meʋu va afi sia ɖo la ŋu. Menye viɖe si nye ŋutɔ makpɔ tae meʋu ɖo o, ke boŋ be mawɔ geɖe na Yehowa tae.\" Egblɔ kpee be: \"Ɣeyiɣi aɖe megbe la, medze xɔlɔ̃ nyui siwo nyemeƒoa asii o.\" Simon ku kutri srɔ̃ Palaugbe, eye esia kpe ɖe eŋu 'wòʋu eƒe dzi na' nutoa me nɔviwo. (2 Kor. 6:13) Agbagba si wòdze be yeasrɔ̃ gbea na nɔviwo va lɔ̃e vevie. Nyateƒee, ne nɔvi siwo ʋu tso wo de va teti la kple nutoa me nɔviwo wɔ dɔ asi le asi me la, xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli xɔa aƒe ɖe hamea me. Yayra bubu ka hãe nɔvi siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoasubɔ le afi siwo hiahiã geɖe wu le la kpɔna?\n'WOŊEA NU WÒSƆA GBƆ'\nApostolo Paulo gblɔ be: \"Ame si ƒãa nu wòsɔa gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ hã.\" (2 Kor. 9:6) Kakaɖedzitɔe la, gɔmeɖose si le nya sia me la yi na ame siwo kekea woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Nu kawoe 'woŋena le agbɔsɔsɔme' le Micronesia?\nLe Micronesia la, ame geɖewo gakpɔtɔ li woasrɔ̃ Biblia kplii. Ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la akpɔ ame geɖe siwo asrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me, awɔ ɖe edzi ahawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Patrick kple Hannah ɖea gbeƒã le Angaur, si nye ƒukpo sue si dzi ame 320 ko le la hã. Esi wosubɔ le afi ma ɣleti eve megbe la, wova ke ɖe nyɔnu dzilaɖekɛ aɖe ŋu. Elɔ̃ enumake be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, exɔ nyateƒea enumake, eye wòwɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ ŋu. Hannah gblɔ be: \"Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe, ne míetso egbɔ hedo míaƒe gasɔwo dzo yina la, míekpɔa mía nɔewo ŋkume eye míegblɔna be: 'Yehowa, akpe na wò!'\" Hannah gblɔ kpee be: \"Menya be Yehowa ahe nyɔnu ma ɖe eɖokui ŋu to mɔ bubu ɖe sia ɖe dzi, gake esi míeva le subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe wu le ta la, míete ŋu ke ɖe ame sia si si alẽwo ƒe nɔnɔme le la ŋu hekpe ɖe eŋu wòva dze si Yehowa. Esiae nye yayra gãtɔ si míekpɔ le agbe me kpɔ!\" Abe ale si Erica gblɔe ene la, \"ne èkpe ɖe ame aɖe ŋu wòva dze si Yehowa la, ana nakpɔ dzidzɔ manyagblɔ!\"\nÀTE ŊU AKPƆ GOME LE EMEA?\nFiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le dukɔ geɖe me. Ðe wò hã àte ŋu aʋu ayi nuto siwo me wohiã kpekpeɖeŋu le mea? Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana didi si le mewò be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la nu nasẽ ɖe edzi. Eyome nàɖo dze tso eŋu na miaƒe hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlaa, alo ɖo dze kple ame siwo si mɔnukpɔkpɔa su wole subɔsubɔm le dukɔ siwo me wohiã kpekpeɖeŋu le me. Ne èkpɔe be wò ɖoɖoa adze edzi la, ŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa nuto si me nèdi be yeasubɔ le ƒe dɔwo dzi la nàbia nyatakaka geɖe wu. * Ðewohĩ wò hã àte ŋu awɔ ɖeka kple nɔvi akpe geɖe\n^ mm. 17 Kpɔ nyati si nye \"Àte Ŋu 'Atso Ƒu Ayi Makedonia'?\" si le August 2011 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140715\/wots%C9%94-wo-%C9%96okuiwo-na-faa-le-micronesia\/","date":"2019-06-19T20:36:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00545.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987416863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987416863441467}","num_words":1486,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nuwɔna na Yesu xa nu vevie? Elabena wotsɔ se wluiwlui aɖewo kpe ɖe Sabat sea ŋu si na wòva zu agba kpekpe. Le kpɔɖeŋu me, womeɖe mɔ be woawu axɔ̃ le Sabat la dzi o. Ne ame aɖe ɖo kudo nu ko hafi woate ŋu ada dɔ nɛ. Esia fia be ne ame aɖe ŋe alo ɖɔli la womate ŋu ablae nɛ le Sabat dzi o. Edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔlawo metsɔ ɖeke le eme na ŋutsu si titi lé asi na la o.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nEda Dɔ Le Sabat Dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr23-29\/eda-d%C9%94-le-sabat-dzi\/","date":"2019-06-18T19:08:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998813.71\/warc\/CC-MAIN-20190618183446-20190618205446-00283.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945701957,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9945701956748962}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Mawu Ðo Yesu Wòzu Aƒetɔ Kple Kristo Vavã'\nƔeaɖewoɣi la, ɖikeke ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse me. Na ale si nèxɔ Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia kple Mesia la dzi se la me nasẽ ɖe edzi.\nNu kawoe ɖo kpe edzi na wò be Mawu ɖo Yesu wòzu Aƒetɔ kple Kristo.\nKpɔ nu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaxɔ Yesu dzi se vevie la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/yesu-a%C6%92et%C9%94-kple-kristo\/","date":"2019-06-18T00:51:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995480895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954808950424194}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo\n—Wowɔ Ðoɖo Hena Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia\nYehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo le gbeƒã ɖem nya nyuia ƒe 100 kple edzivɔe nye esia. Wole gbeƒã ɖem le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le dukɔ siwo wu 200 me. Nu ka tae dɔ sia le vevie ɖo? Aleke wote ŋu le dɔ sia wɔm le xexea me godoo? Video sia ɖo nyabiase siawo ŋu siwo ana nàse ale si míaƒe dɔa le edzi yimee la gɔme nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/wow%C9%94-%C9%96o%C9%96o-hena-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-nya-nyuia\/","date":"2019-06-20T14:50:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00452.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995608926,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995608925819397}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈGBE atɔtɔŋuti lotoo aɖe si ɖi nyuie la le ati dzi. Ètsɔe ɖo ŋɔtinu hese eƒe ʋeʋẽ lililia sẽe hafi tsɔe de kusia me. Emawo ƒomevi sɔŋ yɔ kusia taŋ xoxo. Gaƒoƒo geɖee nye ema wò ŋku biã ɖe dɔ ma ŋu, gake ŋusẽ gale ŋuwò nèkpɔe be yeagate ŋu ayi dɔa dzi vie. Dawò kple ƒomea me tɔ bubuwo kpakple mia xɔlɔ̃ aɖewo siwo va be yewoakpe ɖe mia ŋu hã le dɔ dzi vevie le axawò, wole dze ɖom hele dɔa wɔm le dzidzɔ me. Èkpɔe be dawò gatrɔ zu ɖetugbui abe ale si wònɔ ƒe gbogbo aɖewo va yi esi nènye ɖevi dzaa ko le nuɖoanyi xoxoa me ene. Ewɔ nuku na wò be eya si nèkpɔ wòku nyagã le xexe ma si nu yi gbe aɖe gbe ʋĩi ke me lae nye ema gatrɔ nenema. Èɖo ŋku ɣemaɣi si wònɔ dɔbadzi nɔ kudɔ ƒom eye nèlé eƒe asi va se ɖe esime eƒe gbɔgbɔ nu tso la dzi. Èɖo ŋku ale si nèfa avi vevie le yɔdoa to le eɖigbe hã dzi. Gake fifia, eya kple ame bubu geɖe siwo ku va yi lae nye ema gbɔ agbe, eye wògaɖo lãmesẽ nyui me ake!\nMíenya be ɣeyiɣi mawo ava godoo. Míeka ɖe esia dzi elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo medoa kpo emevava gbeɖe o. Le akpa adrelia sia me la, míadzro ale si Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe nu siwo adzɔ va se ɖe Harmagedon me ŋu dometɔ aɖewo ava eme kpuie la me. Míadzro Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodo lédziname siwo ava eme le Harma- gedon megbe hã dometɔ aɖewo me. Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye be míanɔ agbe ɣemaɣi akpɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi ahawɔ nuwo katã yeyee la teƒe!\nLE AKPA SIA\nTA 21\nÀte ŋu adzra ɖo fifia hena Harmagedon-ʋa la.\nTA 22\nNu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/%C5%8Bugbedodowo\/","date":"2019-06-17T14:46:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998509.15\/warc\/CC-MAIN-20190617143050-20190617165050-00195.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998349309,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983493089675903}","num_words":317,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI ame geɖewo bu kpeɖodziawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be nunyala deŋgɔ aɖee wɔ nu gbagbewo. Bu xexemenunyafialagã Antony Flew, si xɔ ŋgɔ na mawudzimaxɔselawo tsã la ŋu kpɔ. Esi aƒetɔ Flew srɔ̃ nu tso ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme wɔ nuku ŋutɔ kple dzɔdzɔmese siwo le xexea me ŋu la, etrɔ eƒe nuŋububu. Eyɔ blemaxexemenunyalawo ƒe nya nyanyɛ aɖe gblɔ be: \"Ne nyateƒea nya dze go ko la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi.\" Nufialagã Flew ƒo nya ta be kpeɖodziawo ɖee fia be Wɔla aɖee wɔ nu gbagbewo.\nAƒetɔ Gerard si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã ƒo nya ta nenema ke. Togbɔ be enye agbalẽnyalagã kple nudzodzoeŋutinunyala hã la, egblɔ be: \"Nyemekpɔ kpeɖodzi aɖeke be ɖe nu gbagbewo dzɔ tso nu si me agbe mele o me le wo ɖokui si o. Ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ hele ɖoɖo nu la na meka ɖe edzi be Ðoɖowɔla kple Wɔla aɖe li.\"\nAbe ale si ko ame ate ŋu asrɔ̃ nu tso nutala aɖe ŋu to ŋkuléle ɖe eƒe nutatawo ŋu me ene la, aƒetɔ Gerard hã va kpɔ Wɔla la ƒe nɔnɔmewo dze sii esi wòsrɔ̃ nu tso nu siwo le xexea me ŋu. Aƒetɔ Gerard di ɣeyiɣi de ŋugble tso agbalẽ aɖe si wogblɔna be Wɔla lae ŋlɔe la ŋu. Agbalẽ mae nye Biblia. (2 Timoteo 3:16) Ekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo ku ɖe nu siwo dzɔ le blema ŋu kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ame ŋu wòanɔ te ɖe egbekuxiwo nu le agbalẽ sia me. Ale wɔ wòva xɔ edzi se be nunyala deŋgɔ aɖee ŋlɔ Biblia.\nAbe ale si aƒetɔ Gerard va de dzesii ene la, anyo be míalɔ̃ ɖe ŋuɖoɖo siwo le Biblia me la dzi. Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Biblia me ne wò ŋutɔ nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201501\/ale-si-nu-gbagbewo-w%C9%94-va-dz%C9%94-2\/","date":"2019-06-17T00:41:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998339.2\/warc\/CC-MAIN-20190617002911-20190617024911-00133.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998938024,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989380240440369}","num_words":303,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɛ̃. Mí Yehowa Ðasefowo katã míenye mawunyagblɔlawo alo subɔlawo, eye nyɔnu miliɔn geɖewo hã le mía me siwo wɔa dɔ sia. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, \"nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.\"—Psalmo 68:12.\nNyɔnu siwo nye Yehowa Ðasefowo la srɔ̃a nyɔnu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe kpɔɖeŋu. (Lododowo 31:10-31) Togbɔ be womenyea ŋgɔnɔlawo le hamea me o hã la, wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. Wofiaa Biblia wo viwo hã. (Lododowo 1:8) Nyɔnu siwo nye Ðasefowo la ɖoa kpɔɖeŋu nyui le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me.—Tito 2:3-5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/ny%C9%94nu-siwo-%C9%96ea-gbe%C6%92%C3%A3\/","date":"2019-06-16T11:12:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998100.52\/warc\/CC-MAIN-20190616102719-20190616124719-00071.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997742772,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997742772102356}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐEKAKPUI si kpɔm nèle le apostolo Paulo gbɔ lae nye Timoteo. Timoteo le eƒe ƒometɔwo gbɔ le Listra. Dadaa ŋkɔe nye Eunike, eye mamaa nye Loide.\nZi etɔ̃lia enye sia Paulo yi ɖe Listra. Anye ƒe ɖeka enye si va yi la, Paulo kple Barnaba wova afisia zi gbãtɔ le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ me. Ke fifia Paulo gatrɔ va kple exɔlɔ̃ Sila.\nÈnya nya, si gblɔm Paulo le na Timoteo mahã? Ele ebiam be: 'Àdi be yeakpe ɖe mí kple Sila ŋua? Àte ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã na amewo le didiƒewo.'\nTimoteo ɖo ŋu be: 'Ẽ, medi be mayi.' Eyata eteƒe medidi o la, Timoteo dzo le eƒe ƒomea gbɔ hekplɔ Paulo kple Sila ɖo. Gake hafi míasrɔ̃ nu tso woƒe mɔzɔzɔa ŋu la, na míakpɔ nusi va dzɔ ɖe Paulo dzi la ɖa. Anɔ abe ƒe 17 enye si ene tso esime Yesu ɖe eɖokui fiae le Damasko-mɔ dzi.\nÐo ŋku edzi be Paulo va Damasko be yeawɔ nuvevi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, gake fifia eya ŋutɔ va zu nusrɔ̃la! Emegbe la, futɔ aɖewo ɖo be yewoawu Paulo, elabena womedi eƒe nufiafia tso Yesu ŋuti o. Gake nusrɔ̃lawo kpe ɖe Paulo ŋu wòsi. Wodee kusi me heɖiɖii to gli ta ɖe dua godo.\nEmegbe la, Paulo yi ɖaɖe gbeƒã le Antioxia. Afisiae woyɔ Kristo yomedzelawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo. Wodɔ Paulo kple Barnaba tso Antioxia be woayi aɖe gbeƒã le du, siwo le didiƒe me. Du, siwo me wode la ɖekae nye Listra, Timoteo dedu me.\nAzɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Paulo wɔ mɔzɔzɔ evelia hetrɔ va Listra. Esi Timoteo kpe ɖe Paulo kple Sila ŋu la, ènya afisi woyia? Kpɔ anyigbatata la ɖa, ne míasrɔ̃ teƒe aɖewo ŋkɔ.\nGbã la, woyi Ikonio, si te ɖe wo ŋu la me; emegbe woyi du evelia, si nye Antioxia la me. Wozɔ to afima ɖo ta Troa, heyi Filipi, Tesalonika, kple Beroia. Èkpɔ Atene le anyigbatata la dzia? Paulo ɖe gbeƒã le afima. Emegbe woɖe gbeƒã le Korinto hena ƒe ɖeka kple afã. Mlɔeba la, wotɔ ɖe Efeso vie. Emegbe woɖo tɔdziʋu hetrɔ va Kaisarea, hezɔ ɖo ta Antioxia, afisi Paulo nɔ la.\nEyata Timoteo zɔ mɔ kilometa alafa geɖe kpe ɖe Paulo ŋu woɖe gbeƒã \"nyanyui\" la, eye woɖo Kristo-hame geɖe anyi. Ne ètsi la, mànye Mawu subɔla nuteƒewɔla abe Timoteo ene oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/paulo-timoteo\/","date":"2019-06-20T17:55:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999263.6\/warc\/CC-MAIN-20190620165805-20190620191805-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973580837,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973580837249756}","num_words":387,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nɔvi akpe teƒ'akpewo\nLe dukɔwo dome;\nAme sia 'me zɔna le\nFɔmaɖimaɖi me.\nMíedzi ɖe 'dzi fifia zu\nAmeha gã aɖe,\nDzia kafukafuha na Mawu\nDukɔwo katã me.\n2. Nɔvi akpe teƒ'akpewo\nÐea gbeƒã 'fi sia 'fi.\nNya nyui la doa dzidzɔ na\nDzinyuitɔwo katã.\nNe míele gbeƒã ɖem la,\nMíakpɔ yometiti.\nGake Yesu ado ŋusẽ mí,\nAna míakpɔ gbɔdzɔe.\n3. Nɔvi akpe teƒ'akpewo\nSubɔa Ma'u gbe sia gbe\nLe gbedoxɔa xɔxɔnu;\nEléa be na mí nyuie.\nGbeƒãɖelawo de ha\nLe nya nyui la gblɔm ɖaa.\nMíezu Ma'u ƒe hadɔwɔlawo\nL'anyigba dzi egbea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/99-n%C9%94vi-akpeakpewo\/","date":"2019-06-20T14:14:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.994111836,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9941118359565735}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! March 2014 | Nuwɔwɔwo Ŋu Nya Siwo Woɣla Ðe Amewo\nNu siwo ame geɖewo susuna tso nuwɔwɔwo ŋu la to vovo sãa na nu siwo Biblia gblɔ tso wo ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewo: anyigbaʋuʋu si wogblɔ be tsi siwo wohe tso to me gbɔe wòtso, dukɔ si lé gbã le gazazã me le dutatsaɖiɖi me, kple mɔxexe ɖe aŋekotokuwo alo aŋekpetewo zazã nu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nIs the Bible's account of creation compatible with scientific fact?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe kea?\nLANDS AND PEOPLES\nXlẽ nu tso \"Dzotowo Ƒe Anyigba\" sia dzi nɔla siwo wɔ ame ŋutɔ la ŋu.\nNe vidzĩ ŋɛŋɛwo le afi fam la, aɖatsi medona o, gake ame tsitsiwo ya faa aɖatsi. Nu ka tae?\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe mia dome va le ko abe avu kple dadi ye le teƒe ɖeka enea? Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.\nWAS IT DESIGNED?\nNu kae na be da ƒomevi aɖewo lia ati siwo ŋuti le glidzaglidza eye bubuwo hã tea ŋu ɖia wo ɖokui ɖe ke me?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nMele bɔbɔe be woadze xɔlɔ̃wo o. Ðe wòle be nànye ame ŋkuta hafia? Aleke nàwɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo?\nKpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe ale si nàwɔ adzudzɔ wò dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe la ŋu!\nAleke nàwɔ akpɔ nu siwo yi ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ahanya nɔnɔme siwo ŋutɔŋutɔ le xɔ̃wòa si?\nSe nya siwo sɔhɛ atɔ̃ aɖewo gblɔ tso gbɔdɔnuwɔnawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame kple nu siwo woawɔ ne wodo mo ɖa la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201403\/","date":"2019-06-16T16:41:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998288.34\/warc\/CC-MAIN-20190616162745-20190616184745-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997954309,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979543089866638}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈDO ŋugbe aɖe kpɔ, eye emegbe nèkpɔ be edziwɔwɔ sesẽa? Ŋutsu, si le nɔnɔmetata sia me la do ŋugbe ma, eyatae wòlé blanui nenema ɖo. Ŋutsu la nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la sesẽ aɖe, si ŋkɔe nye Yefta.\nYefta nɔ anyi le ɣeyiɣi, si me Israel-viwo megale Yehowa subɔm o. Wogadze nu gbegblẽ wɔwɔ gɔme. Eyata Yehowa na Amonitɔwo wɔ nuvevi wo. Esia na Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa be: 'Míewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò. Taflatse ɖe mí!'\nEve ameawo be yewowɔ nu gbegblẽ siawo. Esi wònye eve wo ta la, wogasubɔ Yehowa ake. Eyata Yehowa gakpe ɖe wo ŋu.\nAmeawo tia Yefta be wòawɔ aʋa kple Amonitɔ vɔ̃ɖiawo. Yefta di vevie be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu le aʋa la wɔwɔ me. Eyata edo ŋugbe na Yehowa be: 'Ne èna meɖu Amonitɔwo dzi la, matsɔ ame gbãtɔ, si ado le nye aƒeme ava kpem le nye tɔtrɔgbɔ me la na wò.'\nYehowa se Yefta ƒe ŋugbedodo la, eyata ekpe ɖe eŋu wòɖu aʋa la dzi. Esi Yefta trɔ yina aƒeme la, ènya ame gbãtɔ, si va do goea? Vianyɔnuvi, si nye eƒe tesi lae. Yefta do ɣli be: 'Oo, vinye, èdo nublanuitɔm. Medo ŋugbe na Yehowa, eye nyemate ŋu atrɔe o.'\nEsi Yefta ƒe vi la se fofoa ƒe ŋugbedodoa la, gbã la, eya hã lé blanui. Elabena ele nɛ be wòadzo le fofoa kple exɔlɔ̃wo gbɔ. Eye wòatsɔ eƒe agbe me ŋkeke mamlɛa asubɔ Yehowa le eƒe agbadɔ me le Silo. Eyata egblɔ na fofoa be: 'Ne èdo ŋugbe na Yehowa la, ele be nàwɔ edzi.'\nEye Yefta vinyɔnu la dzo yi Silo; eye wòtsɔ eƒe agbe me ŋkeke mamlɛa subɔ Yehowa le eƒe avɔgbadɔ me. Ƒe sia ƒe la, Israel-nyɔnuwo ɖea ŋkeke ene heyia egbɔ le afima, eye wo katã wokpɔa dzidzɔ. Ameawo lɔ̃ Yefta vinyɔnu la, elabena enye Yehowa subɔla nyui aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/yefta-viny%C9%94nua\/","date":"2019-06-27T10:40:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001089.83\/warc\/CC-MAIN-20190627095649-20190627121649-00291.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980341196,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980341196060181}","num_words":304,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Nye, ame tsitsi* lae le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe aƒenɔ tiatia la kple viawo, ame siwo melɔ̃ vevie, eye menye nye ɖeɖe ko o, ke ame siwo katã va dze si nyateƒe la hã, 2 le nyateƒe si kpɔtɔ le mía me, si anɔ kpli mí tegbee la ta. 3 Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la, kple Yesu Kristo, Fofo la ƒe Vi la gbɔ la, anɔ kpli mí le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me. 4 Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ be viwò aɖewo le zɔzɔm le nyateƒe la me,+ abe ale si ko míexɔ sedede tso Fofo la gbɔ ene. 5 Eya ta fifia la, mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ, be míalɔ̃ mía nɔewo. (Menye se yeye wònye ŋlɔm mele na wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me ke la koe.)+ 6 Eye lɔlɔ̃ lae nye be, míayi edzi azɔ le eƒe sededewo nu.+ Esiae nye sedede la, abe ale si miesee tso gɔmedzedzea me ene, be miayi edzi azɔ le lɔlɔ̃ me. 7 Elabena ameblela geɖewo do go yi xexea me,+ ame siwo meʋua Yesu Kristo me be eva le ŋutilã me o.+ Esiae nye ameblela la kple Kristo ƒe futɔ la.+ 8 Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu si míewɔ dɔ kpɔ la nagabu ɖe mi o, ke boŋ be miaxɔ fetu blibo la.+ 9 Ame sia ame si ʋlina be yeayi ŋgɔ, gake melina ɖe Kristo la ƒe nufiafia me o la, mexɔ Mawu o.+ Ame si nɔa nufiafia sia me la, eyae nye ame si xɔ Fofo la kple Vi la siaa.+ 10 Ne ame aɖe va mia gbɔ eye metsɔ nufiafia sia vɛ o la, migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me+ alo ado gbe nɛ kura o. 11 Elabena ame si do gbe nɛ la kpɔ gome kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me. 12 Togbɔ be nya geɖewo li maŋlɔ na mi hã la, nyemedi be mazã agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi atsɔ aŋlɔe o, ke mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ ahaƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume, ale be miakpɔ dzidzɔ wòade edeƒe. 13 Nɔviwònyɔnu si nye ame tiatia la ƒe viwo do gbe na wò.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Nye, hamemetsitsi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-30","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-yohanes\/1\/","date":"2019-07-18T02:46:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-30\/segments\/1563195525483.64\/warc\/CC-MAIN-20190718022001-20190718044001-00315.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993357658,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999335765838623}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyatakakawo ɖee fia be ame manyamanya aɖe datu hewu ƒe 41 nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rejoice Atta Yaw le Alavanyo Deme si le Hohoe Nutome.\nEmekɔ ha be, ame bubu aɖe si nye ƒe 80 nyɔnu aɖea, xɔ tubi alebe wokɔe yi ɖe Margaret Marquart Hospital (dɔyɔƒea) me le Kpando hena gbedada le eŋu.\nLe ameyinugbea ƒe akpa dzia, dzesidewo ɖee fia be aƒenɔa trɔ va aƒe me tso agble le Adzoɖa, dzinu atɔa ƒe ŋkeke wuienea gbe. Ke kasia wòabe yeaυu υɔtru age ɖe emea, tukpe lɔe xoxo alebe, wobu eƒe agbe.\nAssembli-menɔla na akɔdaƒea, ɖee gblɔ be asrafowo kple kpovitɔwo ƒe habɔbɔ si woɖo anyi be woakpɔ dedienɔnɔnyawo dzi le Nkonya-Alavanyo nutowo mea, dze nugɔmekukuwo gɔme hena kekuku na nudzɔdzɔa.\nNutsotsowo fia be, togbɔ be habɔbɔ si ku ɖe dedienɔnɔnyawo ŋu le tome ha, denugbledi aɖewo koko kpɔtɔ gale nugbegblẽwo wɔm le golɔguiawo me.\nLe Kɔsiɖa si vayi me koa, Dudɔwɔƒe si Kpɔa Dukɔme ƒe Dedienɔnɔnyawo dzi trɔ asi le se yi ku ɖe gaƒoƒo si ŋu se ɖe mɔ le be, Nkonya-Alavanyo dumeviwo kpɔ mɔ anɔ ablɔdzi ŋu, si nye curfew, wòzu tso ŋdi ga ade yi fie ga ade.\nKe vɔvɔe nye be ku ɖe etsɔ nudzɔdzɔ sia ŋua, ɖewomahi dziɖuɖua agatrɔ susu ade se ɖe amewo ƒe ablɔdzinɔnɔ ŋu si asese wu esi le tome fifia.\nDzrehehe aɖe le Nkonya kple Alavanyo duwo dome anye ƒe nanewoe nye esi ku ɖe anyigbanyawo ŋu si wɔnɛ be zi geɖea, akpawo kple evea, wɔa avu kple wonɔewo si wɔe be sedede ɖe ablɔdzinɔnɔ vaɖo gaƒoƒo aɖe koa, ɖo tome kple susu be wòatsi nenem nuwɔnawo ŋu gake ɖeko wòle abe sea ƒe dɔwɔƒe mevale dzedzem o ene.\nEŋlɔla: Bubune Bernice\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-35","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/15\/ame-%C9%96eka-tr%C9%94-megbe-bubu-x%C9%94-abi-le-alavanyo\/","date":"2019-08-18T17:54:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-35\/segments\/1566027313987.32\/warc\/CC-MAIN-20190818165510-20190818191510-00111.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983734488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":14,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983734488487244}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wikipedia:Nusiwo le dzɔdzɔm\nWikipedia: Nu siwo le dzɔdzɔm na etɔtrɔ\nÈva ɖo axa si gɔme womedze haɖe o. Ne èdi be yeadze egɔme la, dze nuŋɔŋlɔ ɖe go sia me le afi sia ɖome (kpɔ kpekpeɖeŋunyawo hena kpekpeɖeŋu bubuwo). Ne mèɖoe be yeava afi sia hafi o la, ekema tia megbe eye nàgbugbɔ ayi afi si nètso va.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-43","url":"http:\/\/web.archive.org\/web\/20150905212832\/https:\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Wikipedia:Nusiwo_le_dz%C9%94dz%C9%94m","date":"2019-10-15T20:15:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-43\/segments\/1570986660231.30\/warc\/CC-MAIN-20191015182235-20191015205735-00295.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994254112,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":24,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994254112243652}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 25 va se ɖe October 22, 2017 la le tata sia me.\nYehowa subɔla nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la bia be ɣekaɣie yewoado dzi le dodokpɔwo me ase ɖo mahã, ke hã Mawu mebu fɔ wo le esi wobia nya ma ta o.\nÐe nèbia ɖokuiwò kpɔ be nu ka tae Mawu ɖe mɔ dodokpɔ aɖewo siwo mènɔ mɔ kpɔm na o la va dziwòa? Ne nenemae la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe?\nAGBEMEŊUTINYA\nSusu ka tae ame siwo woɖe aboyoe yi Siberia nɔ nyiwo ta biam, evɔ wònye alẽwo dim wonɔ hafi? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le Pavel kple Maria Sivulsky ƒe agbemeŋutinya wɔdɔɖeamedzia me.\nNe míeɖe amenyenye xoxoa ɖa vɔ la, ehiã be míate ɖa le eŋu kura. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ evea siaa aleke kee míeɖaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽwo me o?\nLe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu ava zu ame si ƒomevi wòdi be nànye. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nu tso mɔ siwo nu nàte ŋu aɖe nɔnɔme nyui siwo nye dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, kple tufafa afia le la ŋu.\nŊɔŋlɔawo na eme kɔ nyuie be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nana lɔlɔ̃ sua ame si. Nu kae koŋue nye lɔlɔ̃? Nu kae be míawɔ lɔlɔ̃ nanɔ mía si na amewo? Eye aleke míanɔ eɖem fia gbe sia gbe?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nNu kae na takpekpe aɖe si ame ʋɛ aɖewo ko de le ƒe 1932 me la ɖe dzesi nenema gbegbe?\nNu ka tae nu siwo Mateo kple Luka ŋlɔ ɖi tso Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la to vovo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-august-2017\/","date":"2020-01-21T15:26:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604397.40\/warc\/CC-MAIN-20200121132900-20200121161900-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965478182,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965478181838989}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Susu Aɖewo Li Si ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Ame Sia?\n\"Srɔ̃ɖeɖe si me nuteɖeamedziwo bɔ ɖo ƒe kuxi ɖekae nye dzixɔse sẽŋu si anɔ ame si be nuwo mate ŋu aɖɔ ɖo o. Dzixɔse ma xea mɔ ɖe tɔtrɔwɔwɔ nu elabena etsia didi si naa wodzea agbagba le ŋgɔyiyiwɔwɔ me la nu.\"—ÐK. AARON T. BECK.\nTSƆE be èle veve sem eye nèyi ɖɔkta gbɔ be wòado ye akpɔ. Ètsi dzi—eye esɔ be nàtsi dzi. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖewohĩ wò lãmesẽ—alo wò agbe ŋutɔ gɔ̃ hã—ye ɖo afɔku me. Gake tsɔe be le dodokpɔa wɔwɔ vɔ megbe ɖɔktaa gblɔ dzidzɔnya sia na wò be togbɔ be wò dɔa sesẽ hã la, woate ŋu adae. Le nyateƒe me la, ɖɔktaa gblɔ na wò be ne èwɔ ɖe nuɖuɖu kple kamedede ƒe ɖoɖo nyui dzi pɛpɛpɛ la, àte ŋu ahaya keŋkeŋ. Ðikekemanɔmee la, wò dzi adze eme ale gbegbe eye àwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi dzidzɔtɔe!\nTsɔ kpɔɖeŋu sia sɔ kple nyati si me dzrom míele. Ðe nèle nu xam le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Nyateƒee, kuxiwo kple masɔmasɔwo anɔ srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me. Eyata ne miaƒe ƒomedodoa le nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom la, mefia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea nye esi me lɔlɔ̃ mele o. Ke ne nɔnɔme vedzinamea kpɔtɔ li kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã ɖe? Ne nenemae la, ekema esɔ be nàtsi dzi, elabena menye fefenya wònye o. Nyateƒee, wò srɔ̃ɖeɖe ƒe nyonyome ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbemenuwɔna ɖesiaɖe kloe—kple viwòwo tɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, wobui be srɔ̃ɖeɖe me nuteɖeamedziwo ate ŋu anye nu vevi si hea kuxiwo abe blanuiléle, dɔ ʋɛ wɔwɔ, kple ɖeviwo ƒe dzidzedzemakpɔmakpɔ le suku vɛ. Gake mese ɖe afima o. Kristotɔwo nya be ƒomedodo si le yewo kple yewo srɔ̃ dome ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe yewo kple Mawu dome ƒomedodo dzi.—Petro I, 3:7.\nMasɔmasɔ siwo anɔ mia kple srɔ̃wò dome mefia be naneke manya wɔ le nɔnɔmea ŋu o. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si sɔ—si nye be kuxiwo anɔ eme—ƒe amesinɔnɔ ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woatsɔ nukpɔsusu nyui akpɔ woƒe kuxiwoe eye woadze agbagba akpɔ wo gbɔ. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Isaac, gblɔ be: \"Nyemenya kura be enye nusi le dzɔdzɔme nu be dzidzɔ kple vevesese nanɔ srɔ̃ɖeɖe me o. Mebui be nanee gblẽ le mía ŋu!\"\nNe nu gblẽ le wò srɔ̃ɖeɖe ŋu wòva nye esi me lɔlɔ̃ mele o gɔ̃ hã la, miate ŋu akpɔ eta. Nyateƒee, vevesese si srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo hena vɛ la te ŋu gblẽa nu vevie, vevietɔ ne kuxiawo li ƒe geɖe. Ke hã susu sẽŋuwo li si ta mɔkpɔkpɔ anɔ ame si. Nusi hiã vevie enye didi si anɔ mewò. Ame eve siwo dome srɔ̃ɖeɖe me kuxi sesẽwo le gɔ̃ hã ate ŋu aɖɔ nɔnɔmewo ɖo ne enye nusi le vevie na wo. *\nEyata bia ɖokuiwò be, 'Aleke gbegbe nye didi be ƒomedodo si me dzidzeme le nasu asinye la me sẽe?' Ðe mia kple srɔ̃wò mielɔ̃ faa be yewoadze agbagba aɖɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ɖoa? Ðk. Beck si míeyɔ le gɔmedzedzea me, gblɔ be: \"Ewɔa nuku nam zi geɖe le alesi wote ŋu ɖɔa ƒomedodo si me gblẽ keŋ ɖoe ta, ne srɔ̃tɔawo wɔ ɖeka kpɔ kuxiwo gbɔ eye wogbugbɔ do ŋusẽ nɔnɔme nyui siwo le woƒe srɔ̃ɖeɖea me.\" Ke ne srɔ̃wòa gbe nuwɔwɔ aduadu kpli wò ya ɖe? Alo ne mese le eɖokui me be kuxi aɖeke li o ya ɖe? Ðe wòanye dagbadagba ɖe ya me ne wò ɖeka nète kpɔ be yeaɖɔ srɔ̃ɖeɖea ɖoa? Kura o! Ðk. Beck gblɔ be: \"Ne èwɔ tɔtrɔ aɖewo la, esia ɖeɖe ate ŋu aʋa srɔ̃wòa be wòawɔ tɔtrɔwo—aleae wòdzɔnae zi geɖe.\"\nMègaƒo nya ta dzitsitsitɔe be esia mate ŋu adzɔ le ye gome o. Nukpɔsusu gblẽnu sia ate ŋu anye wò srɔ̃ɖeɖea dome gblẽnu gãtɔ kekeake! Ehiã be mia dometɔ ɖeka nawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ. Ðe wòate ŋu anye wòa? Ne ènya dze egɔme ko la, ɖewohĩ srɔ̃wò akpɔe be ade yewo dzi ne yewɔ ɖeka kpli wò le ƒome kpɔdzidzɔ ɖoɖo anyi me.\nEyata nukae miate ŋu awɔ—wò ɖeka loo alo mi ame evea—atsɔ akpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe ta? Biblia nye kpekpeɖeŋutsoƒe sẽŋu aɖe le nya sia ŋu ɖoɖo me. Mina míakpɔ alesi wòwɔnɛ ɖa.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Enye nyateƒe be le nudzɔdzɔ aɖewo siwo gbɔ eme gome la, ɖewohĩ asɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu naklã ya. (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖe mɔ be woate ŋu anɔ te ɖe ahasiwɔwɔ dzi agbe ame srɔ̃. (Mateo 19:9) Ne woagbe srɔ̃tɔ mawɔnuteƒea alo woatsɔe akee nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, eye mele be ame bubuwo naƒoe ɖe srɔ̃tɔ si medze agɔ o nu be wòagbe srɔ̃a loo alo wòatsɔe akee o.—Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, axa 158-61, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010108\/%C3%90e-Susu-A%C9%96ewo-Li-Si-ta-M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-An%C9%94-Ame-Sia\/","date":"2020-01-21T06:49:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601615.66\/warc\/CC-MAIN-20200121044233-20200121073233-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987069964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987069964408875}","num_words":787,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amekae Anyi Xexeame?\nÐE AMEGBETƆƑOMEA ava dze nuku ƒomevi vovovowo takpɔkpɔ gɔme ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ɖa teƒe gbaɖegbea? Le nugbagbeŋutinunyala John Tuxill ƒe nya nu la, esia abia be \"woawɔ tɔtrɔ gã aɖe.\" Gake egblɔ kpee be tɔtrɔ sia \"mate ŋu ava eme ne womewɔ tɔtrɔ gãwo le amewo ƒe nugɔmesese le nuku ƒomevi vovovowo ƒe viɖe ŋu, woƒe didi be yewoatrɔ mɔnu siwo ŋudɔ wɔm wole fifia, kple lɔlɔ̃ faa be yewoatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu la me o.\"\nAme geɖe mexɔe se kura be woate ŋu awɔ tɔtrɔ gã siawo o. Eye ame geɖe melɔ̃ ɖe Tuxill ƒe nyawo dzi hã o. Nutomeŋutinunyala aɖewo li siwo bui be amewo mese nu ƒomevi vovovowo ƒe anyinɔnɔ ƒe vevienyenye me tututu o eye be ɖewohĩ yewo hati aɖewo gɔ̃ hã ɖe ami ɖe nyaa akpa. Ke hã esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gale nya sia hehe dzi la, asɔ be míalé ŋku ɖe eŋutinunyala aɖewo ƒe nuxlɔ̃amenyawo ŋu. Edze abe nusi le fu ɖem na wo menye nu ƒomevi vovovoawo tsɔtsrɔ̃ ɖa dzaa ko o ke ŋukeklẽ kple nuŋumabumabu yi ŋgɔe si tsyɔ nuwo dome gbegblẽ sia dzi ene hãe. De dzesi nya siawo siwo nuŋlɔla vovovowo ŋlɔ.\n\"Le ƒe alafa ɖeka ko si va yi me la, agbledela miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo zãa nuku si ƒomevi woawo ŋutɔ di. . . . Egbea, adzɔha siwo le xexeame to nuku siawo dometɔ geɖe vɛ, trɔ asi le wo ŋu, eye woda ŋkɔ ɖe wo dzi wòzu nunyalagãwo ƒe nunɔamesi. . . . To susu dada ɖe viɖekpɔkpɔ enumake dzi la, nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu dɔwɔƒewo va le domenyiŋusẽ siwo ŋu asixɔxɔ anɔ vevie le etsɔme la tsrɔ̃m ɖa hesusu be yewoke ɖe nu yeye siwo anɔ te ɖe dɔléle yeye alo wo domegblẽnu nu la ŋuti.\"—Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti nuŋlɔla Jeremy Rifkin.\n\"Nya si wogblɔna le nyadzɔdzɔwo me ɣesiaɣi be wole vevie wu enye nusi woadzra, adzɔnu si ahe viɖe vɛ kple nusi ade xexeame ƒe ganyawo dzi. Ne gakpɔkpɔ kple adzɔha gãwo ƒe viɖewo va zu nusi kpɔa ŋusẽ ɖe nyadzɔdzɔgblɔlawo dzi la, ke ganyawo ƒe dzixɔse sẽŋu sia va le abe subɔsubɔha ƒe nufiafia si ŋu womete ŋu hea nya le o ene.\"—Agbedomenyiŋusẽ ŋuti nunyala David Suzuki.\nLe agbalẽŋlɔla Kenny Ausubel ƒe agbalẽ si nye Seeds of Change—The Living Treasure me la, efia asi alakpanuwɔwɔ si le dukɔ deŋgɔwo me si nye be woƒe \"dziɖuɖuwo kple adzɔha gãwo faa konyi le xexeame katã ƒe afɔku si gbɔna to amegbetɔƒomea ƒe 'domenyinu si li' tsɔtsrɔ̃ ɖa le domenyiŋusẽ tɔtrɔ me ŋu.\" Ede dzesii be woawo hã le nu ƒomevi vovovowo ƒe anyinɔnɔ dem afɔku me to agbledemɔnu yeyewo kple nuku ƒomevi ɖeka kafukafu egbea dzi.\nNutomeŋutinunyalawo ƒe dzitsitsi vevie sɔ alo mesɔ o, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàka ɖe ɣletinyigba sia ƒe etsɔme dzi. Ɣeyiɣi didi kae wòate ŋu akpɔtɔ anɔ dedie esime wòdze abe ɖe ameƒomea le ŋukeklẽ ƒe tsu kum ene? Esi ame geɖe tsi dzi ɖe ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ ŋu la, wova da mɔkpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya dzi be eyae ava xɔ na mí.\nDzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mɔ̃ɖaŋununya Ate Ŋu Axɔ na Mía?\nDziɖuɖu ƒe Habɔbɔ si le Edinburgh ɖe woƒe dzitsitsi gblɔ nyitsɔ laa be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nutovɛwo le tsɔtsɔm fifia eye wòle ŋgɔ dem hã ale gbegbe be afɔku li be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mase ŋgɔyiyi si wɔm wole me tsonuwo me tututu o. David Suzuki ŋlɔ be: \"Nugɔmesese kakɛ ʋɛ aɖewo koe le dzɔdzɔmeŋutinunya si le xexeame ƒe dzɔdzɔmenuwo ŋu. Míenya nu gobi aɖeke tso Anyigba ƒe nugbagbewo ŋu o, ʋuu keke wòanye alesi wodo ƒome kple wo nɔewo eye wohiã wo nɔewoe nyanya.\"\nAbe alesi Science magazine ɖe emee ene la, \"kakaɖedzi alo ŋuɖoɖeŋu blibo mele GEO [Nugbagbewo ƒe Agbedomenyiŋusẽ Tɔtrɔ] ƒe afɔkuwo alo viɖewo ŋu o. . . . Ŋutete si le mía si be míagblɔ ŋusẽ si nugbagbe ƒomevi yeyewo kple GEO akpɔ ɖe nutoa me dzi pɛpɛpɛ mede ŋgɔ o.\"\nMíaƒe \"ŋgɔyiyi\" siawo dometɔ geɖe nye nusi míayɔ be enye yi nuevee vavã. Nu nyui aɖewo dona tsoa wo me, gake wogaɖea amegbetɔ ƒe numanyamanya kple zi geɖe la, woƒe ŋukeklẽ fiana. (Yeremya 10:23) Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be nukuwo ƒaƒã le agbɔsɔsɔ me na ame geɖe kpɔ nu ɖu hã la, ewɔe hã be nuku ƒomevi vovovo le tsɔtsrɔ̃m. Ðk. Mae-Wan Ho ŋlɔ be to lãviwutikewo kple agbledemɔnu xɔasi deŋgɔwo ŋudɔwɔwɔ me la, nukuwo ƒaƒã le agbɔsɔsɔ me mlɔeba he viɖe vɛ na \"adzɔha mɔ̃ɖaŋudɔwɔla gãwo kple kesinɔtɔ siwo le Dukɔ Madeŋgɔwo me esime ame tsɛwo ya zu fukpelawo.\" Nɔnɔme sia le edzi yim esi agbledede si wotu ɖe nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu dzi va zu asitsamɔnu gã si le mía kplɔm yi etsɔme si ƒe nuɖuɖu kpɔkpɔ anɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya dzi geɖe wu.\nGake mele be kuxi siawo nana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o. Le nyateƒe me la, ɖeko wole kpe ɖom nya aɖe si le vevie wu dzi. Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be mele be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔ madeblibo siwo le agbagba dzem fifia be yewoakpɔ ɣletinyigba sia kple edzinuwo dzi la ŋu o. Fifia la, kpododonuwo kple nuwo dzimakpɔmakpɔ nyuie koe nye amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. Eyata Psalmo 146:3 xlɔ̃ nu be: \"Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.\" Gake míate ŋu aka ɖe Mawu ya dzi bliboe. (Lododowo 3:5, 6) Edi eye ŋutetea hã le esi be wòakpe ɖe mía ŋu.—Yesaya 40:25, 26.\nAnyigba Dzeani Wɔnu—Ava Kpuie\nHafi nàgbugbɔ aƒe xoxo ƒoɖi aɖe aɖɔ ɖo la, ele be nàɖe gbeɖuɖɔ kple nugbegblẽawo katã ɖa gbã. Nenema ke eteƒe madidi o Yehowa Mawu aɖe ame vɔ̃ɖiwo, hekpe ɖe amesiwo bua míaƒe xexeame, eme nu siwo nye dzɔdzɔmenuwo, kple wo havi amegbetɔwo gɔ̃ hã be wonye nusiwo ŋudɔ yewoawɔ ɖe yewo ŋutɔwo alo yewoƒe adzɔhawo ƒe viɖekpɔkpɔ ta ko la ɖa. (Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 11:18) Gake Yehowa akpɔ amesiwo lɔ̃nɛ eye wodzea agbagba be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ta.—Yohanes I, 2:15-17.\nLe ema megbe la, anyigba la kple edzi nugbagbe gbogboawo, hekpe ɖe amegbetɔ toɖolawo ŋu, ava nɔ dziɖuɖu si Mawu ahe vɛ te—eyae nye Mesia Fiaɖuƒea. (Daniel 7:13, 14; Mateo 6:10) Eye nu gbogbo kawo gbegbe nye si anyigba la awɔ le dziɖuɖu nyui ma te! Psalmo 72:16 gblɔ be: \"Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.\" Ẽ, nuɖuɖu maganye nusi ŋu woahe nya le alo nusi ŋu woatsi dzi ɖo o. Ðe eteƒe la, woanye nuɖuɖu nyui gbogbo aɖewo.\nEyata esime nuɖoanyi sia le gegem ɖe nɔnɔme wɔnublanui si nye mɔkpɔkpɔbuɖeame kple kakaɖedzi manɔamesi me geɖe wu la, amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui wɔnuku aɖe le anyigba sia tututu dzi. Mɔkpɔkpɔ siae nye \"fiaɖuƒeŋutinya nyui\" si ƒe nya Yehowa Ðasefowo le gbɔgblɔm dzidzɔtɔe na amesiwo katã le xexeme si nyo wu hele dedie wu dim. (Mateo 24:14) Le mɔkpɔkpɔ sia si ŋu kakaɖedzi le—kple ɖetsɔleme si le Mawu mía fofo si na eƒe amewo—ta la, fifia gɔ̃ hã míate ŋu \"anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le [mía ƒo] o.\"—Lododowo 1:33.\n[Nɔnɔmetata si le axa 10]\nLe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, nuɖuɖu abɔ eye wòanɔ dedie hã\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]\nFAO Photo\/K. Dunn\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]\nTourism Authority of Thailand","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011008\/Amekae-Anyi-Xexeame\/","date":"2020-01-22T08:31:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606872.19\/warc\/CC-MAIN-20200122071919-20200122100919-00162.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987877011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987877011299133}","num_words":1173,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amesiame Anɔ Eƒe Gboti Te\nFAFƐƑE menye nusi wokpɔna bɔbɔe le Titina Ɣedzeƒe nyigbawo dzi le dzomeŋɔli siwo me ŋdɔ ʋuna vevie le la o. Ati ɖesiaɖe si ƒe vɔvɔli te woate ŋu anɔ ale be ŋdɔa nagaɖu ame o la nyoa ame ŋu, vevietɔ ne ete ɖe ame ƒe aƒe ŋu. Gboti ƒe aŋgba gã gbadzawo kple alɔ siwo dome keke ŋutɔ la wɔe be wòte ŋu doa vɔvɔli wu ati bubu ɖesiaɖe kloe si le nutoa me.\nAgbalẽ si nye Plants of the Bible gblɔ be, \"wogblɔ le [gboti] ƒe vɔvɔli ŋu be enaa dzidzeme eye eme fana wu avɔgbadɔ me.\" Gboti siwo wodo ɖe weingblewo to le blema Israel la nyea teƒe nyui siwo agblea dzi dɔwɔlawo ɖina ɖe eme vie le.\nNe ŋkeke xɔdzo si me dɔwɔnawo te ɖeɖi ame ŋu wu enu la, ƒometɔwo te ŋu nɔa woƒe gboti te hesea vivi le hadede dodzidzɔname me. Gawu la, gboti la tsea ku nyiame gbogbo aɖe na amesi tɔ wònye la. Le esia ta, ame ŋutɔ ƒe gboti te nɔnɔ nye ŋutifafa, nudzedziname, kple nunɔamesi ƒe dzesi tso Fia Salomo ŋɔli ke.—Fiawo I, 4:24, 25.\nƑe alafa aɖewo do ŋgɔ la, nyagblɔɖila Mose ɖɔ Ŋugbedodonyigba la be enye 'anyigba si dzi gbotiwo le.' (Mose V, 8:8) Ŋkutsala 12 tsɔ gbotsetse kple atikutsetse bubuwo gbɔe va Israel-viwo ƒe asaɖaa me tsɔ ɖo kpe anyigba la ƒe nyonyo dzi. (Mose IV, 13:21-23) Le ƒe alafa 19 lia me la, mɔzɔla aɖe si de Biblia-nyigbawo dzi ka nya ta be gboti nye ati siwo bɔ ɖe afima wu la dometɔ ɖeka. Eyata mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo yɔa gbotsetsewo kple gbotiwo ŋkɔ edziedzi!\nAti si Tsena Zi Eve\nGboti te ŋu tsina le anyigba vovovowo dzi eye eƒe ke si dea didiƒe la wɔnɛ be wòte ŋu doa dzi le dzomeŋɔli ƒe ku si ɖina eteƒe didina la me le Titina Ɣedzeƒe. Atia le etɔxɛ le susua nu be etsea gbo gbãtɔwo le June me eye wòtsena fũ ŋutɔ tso August me heyina. (Yesaya 28:4) Israel-viwo ɖua tsetse gbãtɔawo abe atikutsetsewo ko ene. Wosiana ku siwo wòtsena emegbe la na zazã le ƒe bliboa me. Woate ŋu atu gbotsetse ƒuƒuwo, si me wodea yevuziwoe ɣeaɖewoɣi la, atsɔ aƒo aboloe. Gbotsetsebolo siawo ƒoƒo le bɔbɔe, nunyiame le eme, eye wòvivina.\nNyɔnu zazɛ̃ Abigail kpɔe be gbotsetsebolo 200 tsɔtsɔ na Dawid anye nuɖuɖu si asɔ na sisilawo godoo. (Samuel I, 25:18, 27) Wote ŋu tsɔa gbotsetse si wotu la hã daa gbe le ame ŋu. Wotsɔ gbotsetse ƒuƒu siwo wotu ɖo ƒoƒoe si de Fia Xizkiya wu ge kloe la dzi nɛ, togbɔ be Mawue nye amesi koŋ na wòhaya hã. *—Fiawo II, 20:4-7.\nLe blema ɣeyiɣiwo me la, wodea asixɔxɔ gbotsetse ƒuƒuwo ŋu ŋutɔ le Mediterranea nuto bliboa me. Dziɖuɖumegã Cato lé gbotsetse aɖe ɖe asi ʋuʋui sesĩe tsɔ ƒoe ɖe Roma Dunyahemegãwo ƒe Sewɔha nu be woaho Nublanuimakpɔmakpɔʋa Etɔ̃lia ɖe Carthage ŋu. Caria, si le Asia Sue, ye nye afisi wotsɔa gbotsetse ƒuƒu nyuitɔ siwo le Roma la tsonae. Esiae wɔe be carica va zu Latingbe me ŋkɔ si woyɔna na gbotsetse ƒuƒuwo. Nuto sia, si nye egbegbe Turkey, mee wogakpɔa gbotsetse ƒuƒu nyuitɔwo le.\nIsrael-vi agbledelawo doa gbotiwo ɖe woƒe weingblewo me zi geɖe, gake wotsoa ati matsekuwo ɖa. Womegblẽa anyigba nyui si kpɔkpɔ sesẽ la ɖe ati matsekuwo ŋu o. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe gboti matseku la ŋu me la, agbletɔa gblɔ na agbledela la bena: \"Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o; lãe ƒu anyi, nukaŋuti wòxe mɔ na anyigba la mahã?\" (Luka 13:6, 7) Esi wònye woxea adzɔ ɖe atikutsetsetiwo ta le Yesu ŋɔli ta la, ati ɖesiaɖe si metsea ku o ahe gakuxi hã vɛ madzemadzee.\nGbotsetsewo nye Israel-viwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe. Le esia ta, gboawo ƒe matsematse nyuie—ɖewohĩ le tohehe sẽŋu aɖe si tso Yehowa gbɔ ta—te ŋu gblẽa nu le wo ŋu. (Hosea 2:12; Amos 4:9) Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ be: \"Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana nuɖuɖu o; . . . Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.\"—Xabakuk 3:17, 18.\nEnye Kpɔɖeŋu na Dukɔ si Si Xɔse Mele O\nŊɔŋlɔawo zãa gbotsetsewo alo gbotiwo le kpɔɖeŋumɔnu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, Yeremya tsɔ Yudatɔ aboyomenɔla wɔnuteƒewo sɔ kple gbotsetse nyui siwo le kusi me, siwo le abe gbotsetse gbãtɔwo siwo ƒe ɖiɖia woɖuna ene. Gake wotsɔ aboyomenɔla mawɔnuteƒewo sɔ kple gbotsetse gbegblẽwo, siwo womate ŋu aɖu o siwo wòle be woatsɔ aƒu gbe la ene.—Yeremya 24:2, 5, 8, 10.\nYesu ɖe Mawu ƒe dzigbɔgbɔɖi na Yuda-dukɔa fia le gboti matseku si ƒe kpɔɖeŋu wòwɔ la me. Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, eƒo nu tso ŋutsu aɖe si si gboti le le eƒe weingble me ŋu. Ƒe etɔ̃ va yi eye atia metse ku aɖeke o, eye agblea tɔ di be woatsoe ƒu anyi. Gake agblemedɔwɔla la gblɔ be: \"Aƒetɔ, na wòanɔ anyi ƒe sia hã, vaseɖe esime maɖe do aƒo xlãe, eye maku aɖu ɖe eŋu: ɖewohĩ ava tse ku; ke ne mele nenema o la, nalãe aƒu anyi.\"—Luka 13:8, 9.\nƔeyiɣi si me Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia la, enɔ gbeƒã ɖem ƒe etɔ̃ xoxo henɔ agbagba dzem be yeatu xɔse ɖo ɖe Yuda-dukɔa me viwo me. Yesu dzi eƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi 'heku aɖu ɖe' kpɔɖeŋu gboti—si nye Yuda-dukɔa—'ŋu' hena mɔnukpɔkpɔe be wòatse ku. Gake, kwasiɖa ɖeka hafi Yesu naku la, eva dze ƒã be dukɔ bliboa gbe Mesia la.—Mateo 23:37, 38.\nYesu gazã gboti ake tsɔ wɔ gbɔgbɔmenɔnɔme gbegblẽ si me dukɔa nɔ la ƒe kpɔɖeŋui. Esime wònɔ mɔ zɔm tso Betania yina ɖe Yerusalem le ŋkeke ene siwo do ŋgɔ na eƒe ku dzi la, ekpɔ gboti aɖe si dzi aŋgbawo sɔ gbɔ ɖo evɔ kutsetse aɖeke mele edzi o. Esi wònye gbo gbãtɔwo tsena kple aŋgbawo ƒe toto aduadu—eye ɣeaɖewoɣi la, etsena doa ŋgɔ na aŋgbawo—ta la, atia ƒe ku matsematse ɖee fia be viɖe mele eŋu o.—Marko 11:13, 14. *\nAbe alesi gboti matsekua ƒe dzedzeme nya kpɔe ene la, gotagome dzedzeme si flua amee nɔ Yuda-dukɔa si. Gake metse ku siwo dzea Mawu ŋu o, eye wògbe Yehowa ŋutɔ ƒe Vi la mlɔeba. Yesu ƒo fi de gboti matsekua, eye le ŋufɔke la, nusrɔ̃lawo kpɔe be eyrɔ xoxo. Ati yɔyrɔ ma nye alesi Mawu ava gbe nu le Yudatɔ siwo nye eƒe dukɔ tiatia la gbɔe ƒe kpɔɖeŋu si me kɔ.—Marko 11:20, 21.\n'Misrɔ̃ Nu le Gboti Ŋuti'\nYesu gazã gboti tsɔ fia nu vevi aɖe ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu. Egblɔ be: \"Misrɔ̃ lododo le gboti ŋuti! Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena, egogo agbo la nu.\" (Mateo 24:32, 33) Gboti ƒe aŋgba siwo dama nyuie nye dzesi siwo ŋu ɖikeke menɔna o be dzomeŋɔli le ɖoɖom. Nenema ke Yesu ƒe nyagblɔɖi xɔŋkɔ siwo woŋlɔ ɖe Mateo ta 24, Marko ta 13, kple Luka ta 21 nye kpeɖodzi siwo me kɔ ƒã be exɔ anyinɔ fifia le dzi ɖum le Dziƒofiaɖuƒea me.—Luka 21:29-31.\nEsi ɣeyiɣi siwo sesẽ wu ɖesiaɖe le ŋutinya me mee míele ta la, míadi be míasrɔ̃ nu tso gboti ŋuti godoo. Ne míewɔ esia hele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la, mɔkpɔkpɔ asu mía si be míava kpɔ gome le ŋugbedodo gã sia ƒe emevava me be: \"Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.\"—Mixa 4:4.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 8 H. B. Tristram, si nye nu gbagbewo ŋutinusrɔ̃la si de Biblia-nyigbawo dzi le ƒe alafa 19 lia ƒe domedomee la, de dzesii be afimatɔwo gakpɔtɔ zãa gbotsetse siwo wotu tsɔ daa ƒoƒoe.\n^ mm. 16 Nusia dzɔ le Betfage-kɔƒea gbɔ. Eŋkɔ gɔmee nye \"Gbotsetse Gbãtɔwo Nɔƒe.\" Esia afia be wonya nutoa be afimae gbotsetse ŋgɔgbetɔ nyuiawo tsena le gbã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030515\/Amesiame-An%C9%94-E%C6%92e-Gboti-Te\/","date":"2020-01-26T22:07:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251690379.95\/warc\/CC-MAIN-20200126195918-20200126225918-00020.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993740916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993740916252136}","num_words":1277,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ, amesiawo le ɖekakpui sia kom. Ènya amesi wònyea? Yeremyae. Mawu ƒe nyagblɔɖila vevi aɖee wònye.\nEsi Fia Yosiya dze legbawo gbagbã gɔme le anyigba dzi megbe teti ko la, Yehowa gblɔ na Yeremya be wòanye Yeƒe nyagblɔɖila. Gake Yeremya bu be yemetsi ne yeanye nyagblɔɖila o. Gake Yehowa gblɔ be yeakpe ɖe eŋu.\nYeremya gblɔ na Israel-viwo be woadzudzɔ nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ. Egblɔ be: 'Mawu, si dukɔwo subɔna la, alakpamawuwo wonye.' Gake Israel-vi geɖe subɔ legbawo hegblẽ Mawu vavã, Yehowa, ya ɖi. Esi Yeremya gblɔ na ameawo be Mawu ahe to na wo le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, ɖeko wonɔ ekom.\nƑewo va yi, Yosiya ku, eye ɣleti etɔ̃ megbe la, viaŋutsuvi Yoyakim zu fia. Yeremya nɔ egbɔgblɔ dzi na dukɔ la bena: 'Ne mietrɔ miaƒe mɔ vɔ̃wo o la, woatsrɔ̃ Yerusalem.' Nunɔlawo léa Yeremya hedoa ɣli be: 'Ele be woawu wò le nya siawo gbɔgblɔ ta.' Eye wogblɔna na Israel-amegãwo bena: 'Ele be woawu Yeremya, elabena eƒo nu tsi tre ɖe míaƒe du la ŋu.'\nNuka wɔ ge Yeremya ala fifia? Mele vɔvɔ̃m o! Egblɔ na wo katã be: 'Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo na mi. Ne mietrɔ miaƒe agbenɔnɔ vɔ̃wo o la, Yehowa atsrɔ̃ Yerusalem. Gake minya esia bena: 'Ne miewum la, ke miewu amesi mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.'\nAmegãwo mewu Yeremya o, gake Israel-viwo metrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo yome o. Emegbe la, Babilon-fia, Nebukadnezar va wɔ aʋa kple Yerusalem. Mlɔeba la, Nebukadnezar tsɔ Israel-viwo wɔ eƒe dɔlawoe. Ekplɔ ame akpe geɖe yi Babilon. Bu eŋu kpɔ be alekee ma wòanɔ; be amedzro aɖe nava kplɔ wò tso wò aƒeme ayi dzronyigba aɖe dzie!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/nyagbl%C9%94%C9%96ila-yeremiya\/","date":"2020-01-20T04:19:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597230.18\/warc\/CC-MAIN-20200120023523-20200120051523-00350.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995068312,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995068311691284}","num_words":269,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.145,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo Wɔ Ðoɖo Ðe Nudzɔdzɔ Woatsɔ Akpe Ðe Ame Kɔkɔewo Ŋu La Ŋuti\nGBƆGBƆMEVIÐEWO nɔa vevie na Kristotɔ vavãwo wu. Ke hã, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe ŋutilãmenyonyo me hã le vevie na wo. Zi geɖe la, wonaa nu amesiwo ɖo xaxa me. Nɔvilɔlɔ̃ ʋãa Kristotɔwo be woakpe ɖe haxɔsetɔ siwo nu hiã la ŋu.—Yohanes 13:34, 35.\nLɔlɔ̃ na gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ʋã apostolo Paulo be wòawɔ ɖoɖo be hame siwo le Axaya, Galatia, Makedonia, kple Asia ƒe nutowo me nadzɔ nu. Nukae wɔe be esia va hiã? Aleke wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunanaa ŋui? Aleke wowɔ nu ɖe eŋui? Eye nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nusi dzɔ me?\nNɔnɔme si me Yerusalem Hamea Nɔ\nLe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo tso teƒe vovovo siwo va zu nusrɔ̃lawo le Pentekoste-ŋkekea dzi la tsi Yerusalem hena ɣeyiɣi aɖe be woasrɔ̃ nu geɖe tso xɔse vavãa ŋu. Le afisi wòhiã le la, hati tadeagulawo tsɔ dzidzɔ kpe asi ɖe amesiawo ƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ ŋu le woƒe anyinɔɣi sia me. (Dɔwɔwɔwo 2:7-11, 41-44; 4:32-37) Tɔtɔ si Yuda dukɔmeviwo ƒe aglãdzedze kple nuvlowɔha ƒe ŋutasesẽ he va dukɔa me anya na hiahiãa nu gasẽ wu. Gake be Kristo yomedzela aɖeke nagatsi dɔ o la, womaa nu na ahosi siwo nu hiã gbesiagbe. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6) Herodes ti hamea yome vevie, eye le ƒe 40-awo M.Ŋ. ƒe domedome la, dɔwuame gblẽ nu le Yudea ŋu. Le Yesu yomedzelawo gome la, esiawo katã he nusi Paulo yɔ be \"fukpekpewo,\" \"xaxawo,\" kple \"[woƒe] ŋutinuwo haha\" vɛ.—Hebritɔwo 10:32-34; Dɔwɔwɔwo 11:27–12:1.\nLe ƒe 49 M.Ŋ. lɔƒo la, nɔnɔmea gakpɔtɔ sẽ. Eyata esi wolɔ̃ ɖe edzi be Paulo ƒe susu nenɔ Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ŋu wu vɔ megbe hã la, Petro, Yakobo, kple Yohanes xlɔ̃ nui be eƒe \"ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi.\" Esia ƒe agbagba dzemee Paulo nɔ.—Galatiatɔwo 2:7-10.\nÐoɖowɔwɔ ɖe Nudzɔdzɔa Ŋu\nPaulo kpɔ nudzɔdzɔ na Kristotɔ dahe siwo le Yudea dzi. Le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo la, egblɔ na Korintotɔwo be: \"Le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ. Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dometɔ amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu . . . [Ekema] matsɔ agbalẽwo ade asi na amesiwo ke miekpɔ be, wodze la, aɖo wo ɖa, ne woatsɔ miaƒe nunana ayi Yerusalem.\" (Korintotɔwo I, 16:1-3) Le ƒe ɖeka megbe la, Paulo gblɔ be Makedonia kple Axaya nɔ gome kpɔm le nudzɔdzɔa me. Eye esi wotsɔ nusiwo wokpɔ la yi Yerusalem la, amedɔdɔ siwo tso Asia nutowo me yi la ɖo kpe edzi be hame siwo le nuto ma me hã dzɔ nu.—Dɔwɔwɔwo 20:4; Korintotɔwo II, 8:1-4; 9:1, 2.\nWomezii ɖe ame aɖeke dzi be wòadzɔ nu wu alesi wòate ŋui o. Ke boŋ be enye dadasɔ ƒe nya ale be amesiwo ana geɖe la tɔ nate ŋu akpɔ ame kɔkɔe siwo nɔ Yerusalem kple Yudea ƒe hiahiãwo gbɔ. (Korintotɔwo II, 8:13-15) Paulo gblɔ be: \"Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.\"—Korintotɔwo II, 9:7.\nApostoloa ɖe susu si tae wòle be Korintotɔwo nadzɔ nu faa la me. Yesu 'va da ahe ɖe wo ta, bene woawo la woato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo' le gbɔgbɔ me. (Korintotɔwo II, 8:9) Ðikeke mele eme o be woadi be yewoasrɔ̃ nunana ƒe gbɔgbɔ si nɔ esi la. Gawu la, esi Mawu nɔ wo wɔm \"kesinɔtɔwo le nusianu me\" ta la, esɔ be woakpe asi ɖe ame kɔkɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.—Korintotɔwo II, 9:10-12.\nNudzɔlaawo ƒe Nɔnɔme\nMíate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ŋu to ŋugbledede le amesiwo dzɔ nu le kpekpeɖeŋunana ame kɔkɔewo ƒe ɖoɖoa me le ƒe alafa gbãtɔa me ƒe nɔnɔme ŋu. Nudzɔdzɔa ɖee fiaa be menye ɖetsɔtsɔ le hati Yehowa subɔla dahewo me koe na wodzɔ nuawo o. Efia be nɔvisilelé nɔ Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo dome. Nuawo dzɔdzɔ kple wo xɔxɔ nye ɖekawɔwɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ si le Trɔ̃subɔla kple Yudatɔ siawo dome ƒe dzesi. Woma ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuwo siaa.—Romatɔwo 15:26, 27.\nAnɔ eme be Paulo mekpe Makedonia Kristotɔwo tẽ be woadzɔ nu o—elabena hiãkame nɔ fu ɖem na woawo hã. Ke hã, 'woyi edzi nɔ kuku ɖem be woana mɔnukpɔkpɔ yewo be yewoadzɔ nu.' Togbɔ be wonɔ \"xaxa me dodokpɔ geɖe me\" hã la, wotsɔ dzidzɔ 'na nu wu alesi woate ŋui'! (Korintotɔwo II, 8:1-4) Edze ƒã be alesi wole wo nu tsomee be woƒe subɔsubɔ mewɔ ɖeka kple Romatɔwo ƒe sewo o la nye woƒe xaxa me dodokpɔ ƒe akpa aɖe. Eyata eme kɔ be woase veve ɖe wo nɔvi siwo le Yudea, amesiwo le nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbe me tom la nu.—Dɔwɔwɔwo 16:20, 21; 17:5-9; Tesalonikatɔwo I, 2:14.\nTogbɔ be Paulo zã dzonɔameme si nɔ Korintotɔwo me gbã ɖe nudzɔdzɔa ŋu tsɔ de dzi ƒo na Makedoniatɔwo hã la, dzonɔameme si nɔ Korinto la nu va fa. Azɔ apostoloa yɔ Makedoniatɔawo ƒe dɔmenyonyo tsɔ ʋã Korintotɔawoe. Ekpɔe be esɔ be yeaɖo ŋku edzi na wo be ɣeyiɣia de be woawɔ nusi gɔme wodze ƒe ɖeka do ŋgɔ la ade goe. Nukae dzɔ?—Korintotɔwo II, 8:10, 11; 9:1-5.\nTito ye do nudzɔdzɔ ƒe nyaa ɖa le Korinto, gake kuxiwo do mo ɖa siwo anya gblẽ eƒe agbagbadzedzewo me. Esi Tito yi va gblɔe na Paulo le Makedonia megbe la, etrɔ gbɔ hekplɔ ame eve bubu ɖe ŋuti be woado ŋusẽ hame si le Korinto be woadzɔ nua awu enu. Ame aɖewo anya si ahama be ɖe Paulo di be yeatafa Korintotɔawo. Ðewohĩ esia tae wòdɔ ŋutsu etɔ̃ be woaɖa kpɔ nudzɔdzɔa dzi eye wòŋlɔ agbalẽ kpe ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Paulo gblɔ be: \"Míele mɔ xem na esia, bena ame aɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si míena wodzɔ la ŋuti o. Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.\"—Korintotɔwo II, 8:6, 18-23; 12:18.\nNunanaawo Tsɔtsɔ Yii\nKaka ƒe 56 M.Ŋ. ƒe adame naɖo la, woɖoe be woatsɔ ga si wodzɔ la ayi Yerusalem. Amesiwo nudzɔlaawo tia la akpe ɖe Paulo ŋu ayi. Dɔwɔwɔwo 20:4 gblɔ be: \"Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.\" Edze ƒã be Luka, amesi anya nɔ Kristotɔ siwo nɔ Filipi teƒe la, hã nɔ wo dome. Eyata, ne mede ɖeke o la, ŋutsu asieke ye de dɔa gbe.\nAgbalẽnyala Dieter Georgi gblɔ be: \"Anɔ eme be ga siwo wodzɔ ƒo ƒu la anya sɔ gbɔ, elabena ne menye nenema o la, ekema viɖe aɖeke manɔ agbagba siwo Paulo kple ame dɔdɔ gbogboawo dze mlɔeba la ŋu o.\" Menye nuawo ƒe dedienɔnɔ ta koe ameawo nɔ Paulo ŋuti ɖo o, ke boŋ be womagatsɔ anukwaremaɖimaɖi ƒe nya aɖeke ɖe eŋu o. Amesiwo wodɔ la nɔ Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo ƒe hameawo teƒe le ame kɔkɔeawo ŋkume le Yerusalem.\nEsi ame dɔdɔawo ɖo tɔdziʋu tso Korinto yi Siria ta la, woanya ɖo Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi. Gake esi wose be woɖo nugbe be woawu Paulo la na be wotrɔ ɖoɖoawo. (Dɔwɔwɔwo 20:3) Ðewohĩ eƒe futɔwo anya ɖoe be yewoawui le ƒua dzi.\nNu bubuwo hã nɔ vevie na Paulo. Hafi wòadzo la, eŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be woado gbe ɖa be 'woaɖe ye atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena yeƒe subɔsubɔdɔ, si yewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie.' (Romatɔwo 15:30, 31) Togbɔ be ame kɔkɔeawo axɔ nudzɔdzɔawo kple ŋudzedzekpɔkpɔ deto, ɖikekemanɔmee hã la, nusi anya nɔ vevie na Paulo enye kuxi si eƒe vava ade Yudatɔawo dome.\nLe nyateƒe me la, apostoloa ƒe ŋkuwo nɔ ame dahewo dzi. Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo megblɔ ɣeyiɣi si me wotsɔ nudzɔdzɔawo na o hã la, etsɔtsɔ yii tu ɖekawɔwɔ ɖo eye wòna mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yudatɔ haxɔsetɔwo ɖe gbɔgbɔmekesinɔnu siwo woxɔna tsoa wogbɔ ta. Paulo ƒe gbedoxɔa me yiyi esime wòɖo Yerusalem megbe kpuie la he tɔtɔ aɖe si na wolée la vɛ. Gake esia na mɔnukpɔkpɔwo su esi be wòɖi ɖase na mɔmefiawo kple fiawo.—Dɔwɔwɔwo 9:15; 21:17-36; 23:11; 24:1–26:32.\nMíaƒe Nudzɔdzɔwo Egbea\nNu geɖe trɔ tso ƒe alafa gbãtɔ me va ɖo fifia—gake menye gɔmeɖose veviwo o. Kristotɔwo nya nu tso gadzɔdzɔ ƒe hiahiã ŋu nyuie. Ele be nudzɔdzɔ ɖesiaɖe si woawɔ na amesiwo hia tu la nanye esi nye lɔlɔ̃nu faa tɔ, si lɔlɔ̃ na Mawu kple na ame havi ye aʋã wo be woawɔ.—Marko 12:28-31.\nAfɔ siwo woɖe le kpekpeɖeŋunana ame kɔkɔewo me le ƒe alafa gbãtɔ me ɖee fia be wokpɔ nudzɔdzɔ siawo dzi nyuie eye wowɔe le anukwareɖiɖi me. Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu nya nu tso hiahiãwo ŋu, eye wowɔa ɖoɖo na eƒe subɔlawo ale be togbɔ be nɔnɔme sesẽwo anɔ anyi hã la, woate ŋu ayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyuia na ame bubuwo. (Mateo 6:25-34) Ke hã, mí katã míate ŋu awɔ míatɔ sinua, aleke kee míaƒe ganyawo ɖale o. Le mɔ ma nu la, 'amesi si nu le fũ la, makpɔ ɖeke ɖe edzi o, eye amesi ke si nu ʋɛ le la, naneke mahiãe o.'—Korintotɔwo II, 8:15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010315\/Paulo-W%C9%94-%C3%90o%C9%96o-%C3%90e-Nudz%C9%94dz%C9%94-Woats%C9%94-Akpe-%C3%90e-Ame-K%C9%94k%C9%94ewo-%C5%8Au-La-%C5%8Auti\/","date":"2020-01-20T09:24:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250598217.23\/warc\/CC-MAIN-20200120081337-20200120105337-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960269332,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960269331932068}","num_words":1497,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU VOVOVO siwo wɔe be amegbetɔ nɔa agbe la dometɔ ɖekae nye ŋutete si le ŋutilãa ŋu be wòawu abi, eye wòana lãmenu siwo gblẽ le teƒe si wɔ abi la nagaɖɔ ɖo. Ne ŋutilãa ƒe akpa aɖe nya xɔ abi ko la, nu siwo ana abia naku la dzea dɔ gɔme enumake.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmenugbagbevi gbogbo aɖewo ƒe dɔwɔwɔ wɔnuku aɖe dzie abi ƒe kuku dzea egɔme tsona abe esiwo gbɔna ene:\nƲumenu gbabɛwo va nɔa abia me, eye wonaa ʋua blana hetrea ʋuka siwo le ʋu ɖuɖum la nu.\nAbia ƒe tete vie kpɔa eta tsoa dɔlékuiwo si me eye wòɖea \"ɖiwo\" ɖa le eme.\nLe ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ŋutilã la dzea lãmenu siwo gblẽ le abiteƒea ɖɔliɖɔli gɔme, enana abia miana eye wòɖɔa ʋuka siwo gblẽ la ɖo.\nMlɔeba la, lãmenu siwo gblẽ la ɖɔna ɖo hezua abikukuteƒe eye ŋusẽ ɖoa teƒea ŋu.\nNumekulawo kpɔe be yewoate ŋu anɔ te ɖe ale si ʋu blanae dzi awɔ aŋenu siwo ne wogbã la woate ŋu aɖɔ ɖo le wo ɖokui si. Le aŋenu sia si woawɔ me la, pɔmpi suesuesue aɖewo anɔ eme siwo me atike ƒomevi eve aɖewo anɔ siwo ado ne aŋenua ƒe akpa aɖe gbã. Ne aŋenua ƒe akpa aɖe gbã la, atike eveawo ado ava bla ɖe teƒea eye wòaɖɔ gbagbãƒea ɖo. Ne atike eve siwo tsaka le teƒea le ƒuƒum la, alia eye wòana teƒea naɖɔ ɖo abe ale si wònɔ tsã ene. Numekula aɖe gblɔ be, \"Míekpɔ ale si nu gbagbe aɖewo wɔna ɖɔa woƒe ŋutilã ɖo ne woxɔ abi dzi be míawɔ aŋenu siwo me agbe mele o be woawo hã nate ŋu aɖɔ wo ɖokuiwo ɖo ne wogbã.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le amegbetɔ ƒe ŋutilãa ŋu be wòawu abi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201512\/amegbet%C9%94-%C6%92e-%C5%8Butil%C3%A3-be-w%C3%B2awu-abi\/","date":"2020-01-21T12:50:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250603761.28\/warc\/CC-MAIN-20200121103642-20200121132642-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983447194,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983447194099426}","num_words":306,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu ƒe tsitretsitsia de dzo eƒe nusrɔ̃lawo me eye wòna dzi ɖo wo ƒo. Enɔ alea, vevietɔ le apostolo Paulo gome. Ekaka nya nyuia le Asia Sue kple Mediterranea ƒe nutoa me, enɔ hamewo ɖom henɔ ŋusẽ dom Kristotɔwo be woanɔ tsitre sesĩe le agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo kpakple yometiti sesẽwo me. Togbɔ be kuxi mawo nɔ anyi hã la, ame geɖe va zu Kristotɔwo.\nWova lé Paulo ŋutɔ hã de gaxɔ me emegbe. Togbɔ be enɔ gaxɔ me hã la, eŋlɔ agbalẽ geɖe tsɔ do ŋusẽ Kristo hameawo. Exlɔ̃ nu wo tso kuxi bubu aɖe si ganye ŋkubiãnya wu la ŋu: eyae nye xɔsegbegbe. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã Paulo wòkpɔe do ŋgɔ be \"amegãxi nyanyrawo,\" siwo gblɔa \"nya totrowo\" la age ɖe wo dome, eye \"woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.\"\nKaka ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu naɖo la, xɔsegbegbe sia dze egɔme. Ɣeyiɣi ma lɔƒo mee Yesu si wofɔ ɖe tsitre la tsɔ Nyaɖeɖefia me gbedeasi si nɔ dzesiwo me eye wòku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu la na Yohanes. Abe ale si Yohanes ŋlɔe ɖi ɣemaɣi ene la, tsitretsiɖeŋulawo loo alo alakpanufialawo mate ŋu axe mɔ na Mawu be wòagana tame si wòɖo le gɔmedzedzea me ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu la nava eme o. \"Dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi\" ase Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la. (Nyaɖeɖefia 14:6) Woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi ɖe anyigba dzi, eye ame sia ame si lɔ̃ be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la anɔ eme!\nÐe màlɔ̃ ɖe edzi be esia nye \"nya nyui\" oa? Ne nenemae la, ekema srɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me na ameƒomea kpakple ale si wòate ŋu aɖe vi na wò fifia kple etsɔme siaa la ŋu.\nÀte ŋu axlẽ Biblia le Internet dzi le www.jw.org. Àkpɔ agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! kple agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? kpakple bubu geɖewo hã axlẽ le mia degbe me. Agbalẽ siawo dzro nu si tae míate ŋu aka ɖe Biblia dzi kple ale si míate ŋu awɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le míawo ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ kpakple míaƒe ƒomea me la me. Alo àte ŋu abia numeɖeɖe bubuwo Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖe sia ɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131001\/yesu-%C5%8Buti-nya-nyui\/","date":"2020-01-19T02:45:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594101.10\/warc\/CC-MAIN-20200119010920-20200119034920-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976858497,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976858496665955}","num_words":385,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI AME GEÐE XƆ SE\nKatolikoha ƒe katekismo gblɔ be: \"Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea 'dzo mavɔ' ƒe fu le tegbee.\" (Catechism of the Catholic Church) Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be dzo mavɔ ƒe tohehea nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ keŋkeŋ tegbee.\nNYATEƑEA SI LE BIBLIA ME\nBiblia gblɔ be: \"Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.\" (Xezekiel 18:4) Kukuawo \"menya naneke o.\" (Nyagblɔla 9:5) Ne luʋɔ la kuna eye meganyaa naneke o la, ke aleke wòate ŋu akpe \"dzo mavɔ\" ƒe fu alo ase veve gɔ̃ hã be ye kple Mawu dome klã tegbee?\nLe Biblia me la, nu si Helagbe me nya Ge′en·na, si gɔme woɖena zi geɖe be \"dzomavɔʋe\" le Eʋegbe Bibliawo me, fia ŋutɔŋutɔe nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le dzo me tegbee o. (Mateo 5:29) Biblia ƒo nu tso 'dzo kple dzokpeta' hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:10) Gake Biblia ŋutɔ ɖe eme esi wògblɔ be: 'Dzota sia tsi tsitre ɖi na ku evelia.' (Nyaɖeɖefia 20:14; 21:8) Eya ta menye teƒe aɖe si dzo ŋutɔŋutɔ le bibim lee wònye o. Be woawɔ 'fu ame tegbee' le dzota la me fia \"ku evelia\" si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o.\nNU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?\nNufiafia si nye be Mawu wɔa fu amewo la menana míelɔ̃a Mawu o; esia tea mí ɖa le eŋu boŋ. Rocío, si nye nyɔnu aɖe si le Mexico la gblɔ be: \"Tso nye ɖevime kee wofia num tso dzo mavɔ ŋu. Esia na vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe be esesẽ nam be maxɔe ase be nɔnɔme nyuiwo le Mawu si. Mesusui be enye dzikume eye mekpɔa nublanui na ame o.\"\nNya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kpakple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu, si me kɔ nyuie la, wɔe be ale si Rocío bua Mawui la trɔ. Egblɔ be: \"Mevo azɔ\nAme geɖe dzea agbagba be yewoasubɔ Mawu le esi wole vɔvɔ̃m be yewoava yi dzo mavɔ me le ku megbe ta, gake Mawu medi be nàsubɔ ye le esi nèle vɔvɔ̃m na ye ta o. Yesu gblɔ be: \"Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu.\" (Marko 12:29, 30) Gakpe ɖe eŋu la, ne míede dzesii be Mawu mewɔa nu madzɔmadzɔ o la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le etsɔme hã. Míawo hã míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi abe Hiob xɔlɔ̃ Elihu ene be: \"Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131101\/alakpanya-mawu-tame-s%E1%BA%BD-dzo-mav%C9%94\/","date":"2020-01-19T02:16:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594101.10\/warc\/CC-MAIN-20200119010920-20200119034920-00480.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972923994,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972923994064331}","num_words":417,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ahamuame Mazamazã Nyuie Ele Nu Gblẽm Le Hadome Ŋutɔ\nNU EVEE le ahamuamewo nono ŋu: ɖeka nye dzidzɔnya gake evelia ya nye nublanuinya. Biblia gblɔ be ahamuame nono ɖe ŋku ŋu ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ. (Psalmo 104:15) Ke hã, Biblia gaxlɔ̃ nu be emazamazã nyuie ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu, alo awu ame kura gɔ̃ hã, abe da vɔ̃ɖi ƒe ame ɖuɖu ene. (Lododowo 23:31, 32) Na míalé ŋku ɖe nusi gbegbe ahamuame mazamazã nyuie gblẽna ŋu kpɔ.\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde gblɔ be: \"Ʋukula ahanomunɔ aɖe zɔ vidada si xɔ ƒe 25 kple viaŋutsu ƒe-eve-vi dzi Memleɖagbe. . . . Ðetugbuia ku le Kwasiɖagbe, eye ɣleti ade ƒe fu nɔ eƒo. Viaŋutsua, si hã xɔ abi ɖe ta vevie la, mele nyuiƒe o.\" Nublanuitɔea, nya sia tɔgbe dzɔna edziedzi. Ðewohĩ wò ŋutɔ ènya ame aɖe si dze afɔku le eya ŋutɔ alo ame bubu aɖe ƒe ahamumu ta. Ame akpe geɖewoe kuna ƒe sia ƒe alo xɔa abi le afɔku siwo ahanono hena vɛ ta.\nAmesiwo Kuna\nAmesiwo kuna le xexeame le ahamuame mazamazã nyuie ta la mele xexlẽ me o. Le kansa kple dzidɔ megbe la, ahamumue nye nu etɔ̃lia si koŋ ta amewo kuna ɖo le France, eye ame 50,000 kloe ye wòwuna. Nyatakaka aɖe si Franseawo ƒe Lãmesẽ Dɔwɔƒea na la gblɔ be esia \"sɔ kple ame alafa geɖe siwo aku kwasiɖa sia kwasiɖa le yameʋu gã eve alo etɔ̃ ƒe gege ta.\"\nSɔhɛwo koŋ domee ahamuame kpɔa ame wuna le wu. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe si wota le ƒe 2001 me gblɔ be ahamuame koŋ ye wua Europa ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 29. Wogblɔe ɖi be eteƒe madidi o le Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖewo me la, ahamuame mazamazã nyuie awu sɔhɛ 1 le 3 ɖesiaɖe dome le teƒe mawo.\nŊutasesẽ Kple Amewo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe\nAhamuame nana wowɔa ŋutasẽnuwo. Ahanono ate ŋu ana ame magabu tame alo awɔ nu le hadome nyuie o, eye ate ŋu ana ame nabu susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu, si ate ŋu ana wòawɔ nu ɖe wo ŋu ŋutasesẽtɔe.\nŊutasesẽ le aƒeme kple amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe akpa gã aɖe tsoa ahamuame gbɔ. Numekuku aɖe si Franseawo wɔ le gamenɔlawo ŋu la na wosusui be ne woma amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe alo esiwo wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na la ɖe akpa etɔ̃ la, ahamuamee na wowɔ nu mawo ɖe akpa eve ŋu. Magazine si nye Polityka de dzesii be numekukuwo ɖee fia be le Poland (Pologne) la, nyɔnu siwo srɔ̃wo nye ahanomunɔwo dometɔ 75 le alafa me nye esiwo ŋu wosẽa ŋuta lena. Numekula aɖe bu akɔnta be \"ahamuame zazã wɔe be amewuwu dzi ɖe edzi zi eve le ɖeviwo kple tsitsiwo siaa gome, eye be afɔku li [kura gɔ̃ hã] be ahanolawo ate ŋu awu amesiwo menoa aha o, siwo woa kpli wo le aƒeme la bɔbɔe.\"—Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe si Kpɔa Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Nyawo Gbɔ.\nNusi Wògblẽna le Hadome\nNe wobu ga si wogblẽna ɖe lãmesẽnyawo kple nugblẽfewo xexe ŋu, kpakple dɔwɔwɔ si dzi ɖena kpɔtɔna le afɔku, dɔléle, alo ku kpata ta la, ewɔa nuku na ame. Wogblɔ be ahamuame mazamazã nyuie gblẽa ga dɔlar miliɔn 1,000 ya teti na Ireland dukɔa me tɔ miliɔn eneawo ƒe sia ƒe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Irish Times yɔ nyatakakatsoƒe aɖe ƒe nyawo gblɔ be ga ma sɔ kple \"esi woazã atsɔ atu kɔdzi kple bɔlƒoƒe ɖeka, eye woagaƒle yameʋu ɖeka na Dudɔnunɔla ɖesiaɖe ƒe sia ƒe.\" Le ƒe 1998 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mainichi Daily News ka nya ta be ga si ahatsunono gblẽna le Japan la \"sɔ gbɔ wu yɛn miliɔn teƒe miliɔn 6 [United States dɔlar miliɔn 55,000] ƒe sia ƒe.\" Nyatakaka aɖe si wona United States Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpea gblɔ be: \"Le ƒe 1998 ɖeɖe me la, ga si ahamuame mazamazã nyuie gblẽ na dukɔa nɔ dɔlar miliɔn 184,600, alo ne woamae ɖe ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe si le Amerika nu la, ele dɔlar 638 na ame ɖeka.\" Èbu vevesese si hã ahamumu ahe va ƒome siwo gbã alo esiwo dzi ku dzɔ ɖo la dzi, kpakple alesi wòahe agbalẽsrɔ̃nyawo kple dɔwɔɖui ɖe megbe hã ŋua?\nMesesẽ be ame nakpɔ nusi gblẽm ahamuame mazamazã nyuie le le hadome kura o. Ðe alesi nènoa ahae dea wò ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe lãmesẽ afɔku mea? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.—g05 10\/8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200601\/Ahamuame-Mazamaz%C3%A3-Nyuie-Ele-Nu-Gbl%E1%BA%BDm-Le-Hadome-%C5%8Aut%C9%94\/","date":"2020-01-24T09:24:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250616186.38\/warc\/CC-MAIN-20200124070934-20200124095934-00400.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993100166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993100166320801}","num_words":715,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èʋegbe\nAETHERIUS HABƆBƆ ƑE NUTINYA\nAetherius Habɔbɔ enye Mawu ƒe habɔbɔ si woɖo anyi be woatsɔ afianu amegbetɔwo tso ɖeɖe kple tsitsiɖedzi le gbɔgbɔme nyawo ŋuti le xexeame godoo.\nWoɖo habɔbɔ sia anyi le eƒe akpeɖeka, alafa asieke kple blatovo ato me (1955) eye amesi ɖo habɔbɔ sia enye Dr. George King. Aetherius Habɔbɔ ƒe nufafia akpa gantɔ tso nyagblɔɖi siwo Mawudɔlawo gblɔ to Dr. King dzi le esime wonɔ ɖi me \"positive trance condition\". Womena nufafia siawo be woatsɔ aɖoli nufafia xoxo siwo Mawu ƒe amekɔkɔɛwo abe Sri Krishna, Lord Buddha, Aƒetɔ Yesu kple bubuawo va fia le xexeame tso blema o. Ke boŋ wona nufafia siawo be woakɔ miaƒe susuwo ɖe dzi le Mawu gɔmesese me tsɔwu alesi wonɔe tsaŋ. Nuvevie ɖeka si le Aetherius Habɔbɔ ƒe nufafiawo me enye be, amegeɖe siwo tsɔ Mawu ƒe nya va anyigba sia dzi tso blema la, nye amesiwo tso anyigba bubuwo dzi.\nAetherius Habɔbɔ ƒe nufafia vevietɔ enye 'kpekpe ɖe amenɔvi ŋu ɖokuitɔ madimadii'. Habɔbɔa ƒe taɖodzinya enye: \"Kpekpe ɖe amenɔvi ŋu enye kesinɔnugaa si kplɔa ame yia Mawu gbɔe\".\nAetherius Habɔbɔ mele gbɔgblɔm be eƒe nufafiawo koe atenu ana sidzedze Mawu kple ɖeɖe o. Keboŋ Habɔbɔa lɔ be nufafia siwo kataa Mawu ƒe habɔbɔ gaawo fiana tso blema la, nye mɔ vovovo siwo atenu akplɔ ame yi dziƒoe. Habɔbɔa ƒe dzesidenu gɔme enye be \"Mawu ɖea eɖokui fiana abe nunya ene\". Le dzesidenu sia ƒe miame, enye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe gaatɔ tso blema ke, eye nutata si le eƒe dusime enye flitete si ƒe akpa etɔawo sɔ. Esia gɔme enye 'Nunya'.\nHABƆBƆA ƑE XƆSE ADODOAWO.\nNusɔsrɔ geɖewo le habɔbɔa ƒe nufafiawo me. Nusɔsrɔ abe dzɔdzɔme nunya, Mawunya, nunya kɔkɔɛ gɔmesese kple gbɔgbɔme nunya. Esiawo dometɔ ɖewo enye:\n• Ɖokui sasavɔ na amehavi\nƉokui sasavɔ na amehavi, esi ha woyɔ na be \"karma yoga\", enye Mawu dɔ gaatɔ si amegbetɔ ateŋu awɔ. Esia enye Aetherius habɔbɔa ƒe dɔ vevietɔ kple nufafia gaatɔ.\n• Yoga alo Sidzedze Mawu.\nYoga alo Sidzedze Mawu, menye nufafia si kpena ɖe ameŋu wokpɔa lamese kple gbɔɖeme ɖeɖe ko o, keboŋ enye nunya tɔxɛ kple mɔ nyuie si nana sidzedze Mawu to ɖokuitɔ madimadi me.\n• Gbɔgbɔme ŋuse, Gbedodoɖa kple Dɔyɔyɔ\nGbɔgbɔme ŋuse le ko abe dziɖegbe ƒe ŋusɛ ɛnɛ, eye wowɔadɔ ɖe dzɔdzɔme sewo nu. Eyɔna dɔ, enana gbɔgbɔme ŋusɛ, ekplɔa ame, ɛyra ame, eye woxɔna na amesiame si woɖoeɖa la.\nAmesiame ateŋu asrɔ alesi woayɔ lɔlɔ ƒe ŋusɛ sia, be woatsɔe akpɛɖɛ ɛɖokui kple amebubuwo ŋu le xexeame kataa.\nGbedodoɖa kple dzo enye mɔ si dzi mietona yɔa gbɔgbɔme ŋusɛ be miateŋu atsɔɛ ayɔdɔ le afisi wohia le. Mantra alo gbeɖiɖi kɔkɔɛ gbɔgblɔ ha nye mɔ nyui si dzi miateŋu ato ayɔ gbɔgbɔme ŋusɛ woageɖe miame be miateŋu aɖoe ɖe afisi wohia le.\nGbɔgbɔme dɔyɔyɔ ha woadɔ abe esiawo ke ene, eye amesiame ateŋu asrɔɛ.\n• MAWU ƑE GBƆGBƆ SI LE MIAME.\nGbɔgbɔ si le amegbetɔ kple nusianu si le xexeame me, enye Mawu ƒe gbɔgbɔ.\nNuwo kataa tso Mawu gbɔ, eye mlɔeba la, nuwo kataa agatrɔ ayi Mawu gbɔ. Mawu ƒe ŋkɔwo sɔgbɔ. Ameaɖewo yɔnɛ be Brahma, Yehova kple bubuawo, eye habɔbɔ ɖesiaɖe kpɔ nɛ to woawo ŋutɔ ƒe xɔsɛ nu. Mawu li tegbee, eya enye ŋusɛ kataatɔ, nusianu nyala. Ele afisiafi, eya enye nusianu, eye gawu la, elolo wu esiawo kataa.\nNe miezɔ miaƒe agbemɔ nyuie le xexe siame la, ekema miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔme, eye miadzesii be mienye Mawuviwo. Esia ana be miaga tsiɖedzi fuu le gbɔgbɔme eye miakpɔ Mawu ƒe ŋusɛ si miateŋu atsɔ akpeɖe miahaviwo ŋu ɖokuitɔ madimadii.\n• GBƆGBƆME NUNYA KPLE GBƆGBƆME ŊUSƐ\nAmesiame ateŋu akpɔ gbɔgbɔme nunya kple gbɔgbɔme ŋusɛ to ɖokui sasavɔ kple yoga wɔwɔme.\n• AGBE LE ANYIGBA BUBUWO DZI\nMienyae be amewo le anyigba bubu siwo le miaƒe anyigba alo \"Earth\" sia godo, le miaƒe he ƒe xexe siame. Mienya ha be miaƒe dzɔdzɔme nunya alo \"science\" meteŋu kpɔa amesiawo o, elabena woƒe xexeme tovo tso miatɔ gbɔ. Le Aetherius Habɔbɔ me la, mieyɔa amesiawo be Mawudɔlawo alo \"Cosmic Masters\", eye heaɖewoyi la, mieyɔa wo be Mawuwo elabena woƒe gaa nyenye le gbɔgbɔme kɔkɔ ŋutɔ.\nAmesiawo ƒe nublanuikpɔkpɔ nabe woteŋu tsɔa woɖokuiwo savɔ le mɔ vovovowo dzi be woakpeɖe mianu le anyigba sia dzi. Ne amesiawo meli o la, miatsrɔ le anyigba sia dzi.\nHeaɖewohi la Mawudɔla siawo dometɔadewo dzɔna ɖe miadome abe amegbetɔwo ene be woakpeɖe mianu. Amesiawo fiana numi eye wowɔa dɔ tɔxɛ bubuwo le miadome. Amesiawo dometɔaɖɛwo enye: Afetɔ Yesu, Lord Buddha, Sri Patanjali, Sri Krishna, Confucius kple Lao Zi.\nAetherius Habɔbɔ kpena ɖe Mawudɔla siawo ŋu le woƒe dɔwɔna tɔxɛ sia ato me. Woyɔa dɔwɔna siawo be \"Cosmic Mission\". Dɔwɔna tɔxɛ siawo dometɔ ɖeka enye \"Operation Prayer Power\" alo \"Gbedodoɖa ƒe ŋusɛ dzadzraɖo\".\nEnye nyateƒe be xexe vovovowo le miaƒe he \"Solar System\" sia ha godo. Xexe siawo dometɔ dewo le ŋgɔ nami saa le nunya me, ke ɖewo ha le megbe nami. Amesiwo le xexe siawome dometɔaɖewo nye dɔmenyotɔ gaawo, ke ɖewo ha nye adawɔlawo.\n• YAMEVU SIWO TSO XEXE BUBUWO ME\nAmegeɖewo kpɔna yamevua ɖewo si wome dzesii le anyigba sia dzi o. Wolɔ be yamevu siawo tso xexe bubuwo me, le miaƒe anyigba sia godo. Yamevu siawo vana miagbɔ tso blema ke. Le Bibla me la, woyɔ yamevu siawo kple ŋkɔ vovovowo; dewo enye alilikpowo, xletiviwo alo lagbalɛ dzodzoewo. Le Hindutɔwo ƒe agbalɛwo me la, woyɔa wo be 'Vimana'.\n• DZƆGBESE kple GAGBUGBƆDZƆ\nDzɔgbese menye nane si Mawu wɔ be woatsɔ aheto na amegbetɔwo o. Keboŋ Dzɔgbese enye nufiala gaa si nana be miesrɔa nusiwo le vevie le agbeme hena miaƒe tutuɖedzi le gbɔgbɔme.\nNe mieku, eye hafi miaga dzɔ la, mieyina xexe bubua ɖewo me si tovo tso esia gbɔ, hena nububuwo sɔsrɔ. Ne nye be mieteŋu srɔ nusiwo kataa hia be miasrɔ le anyigba sia dzi, le miaƒe agbe vovovowo me la, ekema miateŋu azu abe Mawudɔlawo eye miadzo le afisia ayi anyigba bubuwo dzi, afisi miagava srɔ nunya kɔkɔ bubuwo le. Ame siwo ɖo nɔƒe sia dometɔaɖewo tiana be yewoatsi anyigba sia dzi, akpeɖe amegbetɔ mamleawo nu. Woyɔa\namesiawo ha be Mawudɔlawo \"Ascended Masters\".\nAmegbetɔ ƒe tame vɔɖi bubu kple nuvɔɖi wɔwɔ tso blema, na be miaƒe dzɔgbese, alo karma le xexe siame, menyo o. Esia na be Mawudɔlawo tso anyigba bubuwo dzi, mateŋu adze ɖe miadome le miaƒe duwo me, be woakpeɖe mi ŋu o.\nAetherius Habɔbɔ ƒe dɔ vevie akpa gaatɔ enye amegbetɔ ƒe dzɔgbese ɖɔɖɔɖo to dɔwɔna toxɛ siwo mieyɔ na be \"Cosmic Missions\" wɔwɔ me.\n• \"AURAS\" alo GBƆGBƆ ƑE VƆVƆLI, \"CHAKRAS\" alo GBƆGBƆMEFESREWO kple \"KUNDALINI\" alo AGBEƑEDA\n\"Aura\" alo gbɔgbɔ ƒe vɔvɔli le amegbetɔ ɖesiaɖe ŋu. To egbɔ be miateŋu akpɔe alo ase eŋkɔ o ha la, ele amesiame nu abe vɔvɔli ene.\n\"Chakras\" alo gbɔgbɔ ƒe fesrewo nye teƒe siwo le amegbetɔ ɖesiaɖe me. Ŋusɛ tɔxɛa ɖewo tsana tso yame toa fesre siawo me gena ɖe ame me, eye ŋusɛ bubuaɖewo ha toa fesre siawo nu doago le miame. Amegbetɔ ƒe dzimeƒui le abe ati ƒe bolome ene, eye fesre siawo dzena le gbɔgbɔme abe seƒoƒo siwo toɖe atianu la ene.\n\"Kundalini\" alo gbɔgbɔƒeda enye Mawu ƒe ŋusɛ tɔxɛaɖe si wotsɔ de amegbetɔ me. Ŋusɛ sia le amesiame ƒe dzimeƒui mamletɔ, si le ŋlɔgoa gɔme la me. Ameaɖewo yɔa ŋusɛ sia be \"serpent power\" alo da ƒe ŋusɛ. Ne ŋusɛ sia nyɔ le ame me la, ezɔa to dzimeƒuiawo ƒe titina, tso ŋlɔgoa gbɔ yina ame ƒe tagbɔ. Esia nana be gbɔgbɔme fesre siwo le dzimeƒuiaŋu la klɛna, eye wokekena ɖe edzi. Esia nana be ame ateŋu akpɔ gbɔgbɔme ŋunya kple sidzedze Mawu gaatɔ. Mɔaɖewo li sidzi ame atenu ato azi gbɔgbɔƒeda sia dzi be woanyɔ. Gake nusia wɔwɔ hena ku alo dɔlɛlɛ vɛ. Eyata Aetherius Habɔbɔa meda asi ɖe mɔ siawo dzi o. Ne mietsɔ miaɖokuiwo savɔ ɖokuitɔmadimadii he kpeɖe mianɔviwo ŋu la, ekema ŋusɛ sia anyɔ le miame ɖe eɖokui si.\n• MAWUDƆLAWO alo \"ASCENDED MASTERS\"\nAmegbetɔ va anyigba sia dzi be woasrɔ Mawu ƒe sewo eye woatsi ɖedzi le gbɔgbɔme. Ne miaƒe agbemɔ zɔzɔwo wuenu eye miezu nunyalawoa, ekema mɔɖeɖe li be miateŋu atia anyigba bubu siwo dzi miayi hena miaƒe nusɔsrɔ kɔkɔtɔwo dziyiyi. Anyigba siawo tɔgbi le ŋgɔ nami saa le ŋunya me. Ke ameaɖewo ha tiana be yewoatsi miaƒe anyigba sia dzi be woanye nufialawo na ame mamleawo. Woyɔa amesiawo ha be Mawudɔlawo alo \"Ascended Masters\".\nAmesiawo tɔgbi nye amesiwo ɖu ku dzi eye woƒe gbɔgbɔme ŋusewo lolo ŋutɔ. Gawu esia la, wonye dɔmenyotɔ gaatɔwo kple nunyala gaawo. Amesiawo tɔgbi metsina le ŋutila me abe miawo ene o, eye nenye be wodi be yewoatrɔ woƒe nutila la, wowɔ nɛ le kodzogbe, eye wonɔna ko abe dekakpuiwo tegbee.\n• MIADADA ANYIGBA alo \"THE MOTHER EARTH\".\nMiadada Anyigba sidzi miele la nye Mawudɔla gaaɖe sitsɔ eɖokui savɔ be woana nɔƒe mi amegbetɔ numanyalawo kple nuvɔdiwɔlawo. Aetherius Habɔbɔ woadɔ le mɔ vovovowo dzi be woakpeɖe Miadada Anyigba siaŋu le eƒe ɖokui sasavɔ dɔ gaa sia me.\n• TOKƆKƆƐWO\nAetherius Habɔbɔa ƒoaƒu amewonu le ƒesiaƒe me be woava lia tokɔkɔɛ si woyra kple Mawu ƒe ŋusɛ gaawo. Ne wolia to siawo la, woteaŋu yɔa gbɔgbɔme ŋusɛ si le toame to gbedodoɖa kple gbeɖiɖi kɔkɔɛ gbɔgblɔ me. Woteaŋu ɖoa ŋusɛ sia ɖe amesiwo hia kpekpeɖeŋu le xexeame godoo. Amesiwoyra tokɔkɔɛ siawo enye Mawudɔla gaa siwo tso anyigba bubuwo dzi, kple Mawudɔla ɖewo sitso miaƒe anyigba sia dzi. Woyɔa to yayra dɔ sia be \"Operation Starlight\" eye wotsɔ eƒe etɔ song hafi tenu wu dɔwɔna sianu. Amesi lia toawo eye wotsitre de toawo dzi hafi woyrawo enye Dr. King.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.aetherius.org\/ee\/","date":"2020-01-21T22:49:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606226.29\/warc\/CC-MAIN-20200121222429-20200122011429-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997285068,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":31,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972850680351257}","num_words":1569,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wole Ði Kem Yesu Ƒe Tsitretsitsi\n\"Mate ŋu agblɔe na wò kaŋ be togbɔ be míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yesu nɔ agbe . . . hã la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ma ke agblɔ be míenya be Mawu fɔ Eyama ɖe tsitre o.\" Nya mae England Sɔlemeha ŋgɔnɔla si nye Canterbury ƒe Bisiɔpgã gblɔ.\nÐIKEKE sia tɔgbe menɔ Kristotɔ apostolo Paulo me o. Paulo ŋlɔ le lɛta gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ na hati Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto la ƒe ta 15 lia me be: \"Nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mía nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu.\"—Korintotɔwo I, 15:3, 4.\nYesu Kristo ƒe tsitretsitsia dzixɔsee ʋã eƒe nusrɔ̃lawo woɖe gbeƒã nyanyuia le Hela kple Roma nutowo katã me—\"na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.\" (Kolosetɔwo 1:23) Le nyateƒe me la, Yesu ƒe tsitretsitsie nye Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔ.\nGake tso gɔmedzedzea me ke la, amewo ke ɖi Yesu ƒe tsitretsitsia eye womexɔ edzi se o. Le Yudatɔwo ƒe akpa gãtɔ gome la, enye busunya be Yesu yomedzelawo nagblɔ be ŋutsu sia si woklã ɖe ati ŋu lae nye Mesia la. Eye tsitretsitsi ƒe nya la medze Helatɔ agbalẽnyala akpa gãtɔ ŋu kura o, le esi woxɔ luʋɔ makumaku dzi se ta.—Dɔwɔwɔwo 17:32-34.\nEgbegbe Ðikelawo\nLe ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, agbalẽnyala aɖewo siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye ta agbalẽ kple nyati siwo gblɔ be Yesu ƒe tsitretsitsia nye nyakpakpa eye wova le nya ʋlim vevie le nya sia ŋu. Esi agbalẽnyala vovovowo dzro nu me le \"ŋutinya me Yesu\" ŋu la, wogblɔ be nya si Nyanyuiawo gblɔ le yɔdo si tsi ƒuƒlu kple Yesu ƒe eɖokui ɖeɖefia le eƒe tsitretsitsi megbe ŋu la nye nyakpakpa ŋutɔŋutɔ si woto vɛ le eƒe ku megbe ɣeyiɣi didi aɖe be woatsɔ aɖo kpe edzi be dziƒoe wòxɔ eƒe ŋusẽa tsoe.\nLe kpɔɖeŋu me, bu Germanytɔ agbalẽnyala Gerd Lüdemann, si nye Nubabla Yeyea fialagã kple agbalẽ si nye What Really Happened to Jesus—A Historical Approach to the Resurrection (Nusi Tututu Dzɔ ɖe Yesu Dzi—Tsitretsitsia Me Kuku le Ŋutinya Me) ŋlɔla la ƒe nukpɔsusuwo ŋu kpɔ. Egblɔ be Yesu ƒe tsitretsitsia nye \"nya si ŋu kpeɖodzi mele o\" si wòle be amesiame si nya nu tso \"xexeame ƒe dzɔdzɔmenyawo\" ŋu nagbe.\nNufialagã Lüdemann gblɔ be Kristo si wofɔ ɖe tsitre si ɖe eɖokui fia apostolo Petro la nye ŋutega si Petro kpɔ le esi nuxaxa kple fɔɖiɖi yɔe fũ le Yesu si wògbe ta. Eye le Lüdemann ƒe nya nu la, Yesu ɖokui si wòɖe fia xɔsetɔ 500 kple edzivɔ gbeɖeka la nye \"ame hahoo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ\" ko. (Korintotɔwo I, 15:5, 6) Kpuie ko la, agbalẽnyala geɖe bua Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu be wonye nudzɔdzɔ siwo na gbɔgbɔ me kakaɖeameɖokuidzi kple dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dzo ɖo nusrɔ̃lawo me.\nEle eme be ame geɖe metsɔa ɖeke le agbalẽnyalawo ƒe nyaʋiʋliwo me boo ya o. Gake ele be Yesu ƒe tsitretsitsi ŋuti numedzodzro naka mí katã. Nukata? Elabena ne womefɔe ɖe tsitre o la, ke alakpagɔmeɖoanyi dzie wotu Kristotɔnyenye ɖo. Gake ne ŋutinyamenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔe Yesu ƒe tsitretsitsia nye la, ke efia be nyateƒe dzie wotu Kristotɔnyenye ɖo. Ne ele nenema la, menye Kristo ƒe nyawo ta koe wòaʋli o, ke aʋli eƒe ŋugbedodowo hã ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne tsitretsitsi li la, ke ku menye aʋadziɖulagã o ke boŋ enye futɔ si dzi woate ŋu aɖu.—Korintotɔwo I, 15:55.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nEtso Self-Pronouncing Edition of the Holy Bible, si me King James kple Revised Biblia gɔmeɖeɖewo le me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010315\/Wole-%C3%90i-Kem-Yesu-%C6%91e-Tsitretsitsi\/","date":"2020-01-26T21:54:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251690379.95\/warc\/CC-MAIN-20200126195918-20200126225918-00254.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988563061,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988563060760498}","num_words":607,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 26 va se ɖe April 1, 2018 la le tata sia me.\nWOTSƆ WO ÐOKUIWO NA FAA\nXlẽ nu tso nya nyui gbeƒãɖela siwo ku kutri vevie yi ɖakaka Fiaɖuƒegbedeasia na amewo le Madagascar dukɔ gã la ƒe teƒeteƒewo la ŋu.\nMíenya be esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nɔnɔme sesẽ siwo me míato hã adzi ɖe edzi. Ƒe 2018 ƒe mawunyakpukpuia ɖoa ŋku edzi na mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ mí.\nMɔ kawo nue Ŋkuɖodzia doa ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome le? Ɣekaɣie míaɖu Ŋkuɖodzia zi mamlɛa?\nNunana Mawu nye mɔ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Ne míetsɔ míaƒe nu xɔasiwo de bubu Yehowa ŋu la, aleke esia ɖea vi na mí?\nVovototo kae le mawumelɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2-4 dome? Ŋuɖoɖoa ate ŋu ana míakpɔ dzidzeme kple dzidzɔ vavãtɔ.\nVovototo kae le nɔnɔme siwo amewo ɖena fiana le ŋkeke mamlɛawo me kple nɔnɔme siwo Mawu ƒe amewo ɖena fiana dome?\nÐe blema Israel-viwo wɔ gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Sea me la ŋu dɔ le ʋɔnu tsɔ kpɔ nyaʋiʋli siwo ɖo amewo dome la gbɔa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-january-2018\/","date":"2020-01-18T03:55:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250591763.20\/warc\/CC-MAIN-20200118023429-20200118051429-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988026619,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998802661895752}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Ade Siwo Wòhiã Be Ðeviwo Nasrɔ̃\nAleke nàdi be woanya viwòa ne eva tsi?\nEɖua eɖokui dzi\nEbɔbɔa eɖokui\nEnɔa te ɖe nu nu\nEtsɔa agbanɔamedzi\nEtsi le susu me\nEtoa nyateƒe\nNɔnɔme siawo mate ŋu asu ɖeviwo si le wo ɖokuiwo si o. Ahiã be woafia wo ɖeviawo.\nMagazine sia ƒo nu tso nu vevi ade siwo nàte ŋu afia viwòwo la ŋu, eye esia aɖe vi na wo ne wova tsi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/introduction\/","date":"2020-01-27T13:33:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251700675.78\/warc\/CC-MAIN-20200127112805-20200127142805-00472.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981341958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998134195804596}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ\nGAFLO, hɛ, kple gatsie ame geɖe zãna tsɔ ɖua nui. Ame bubuwo, abe amesiwo tsi ɖe Ɣedzeƒedukɔwo me ene, zãa nuɖuti eve tsɔ ɖua nui. Gake nuɖuɖu aɖewo li siwo ame aɖewo gblɔna be wovivina wu ne woɖui kple asi ŋutɔŋutɔ. Bu tsitsinga, koklolã, botokoe, koklozi tɔtɔe, kple akpɔnɔ si me wode nui ŋu kpɔ.\nKe detsi ya ɖe? Àkplɔe kple asia? Ðewohĩ àgblɔ be 'manya wɔ o ɖe!' 'Aleke detsi tsroloe si xɔ dzo atɔ ɖe asiƒome na amee.' Le Afrika-dukɔ geɖe me la, asi tsɔtsɔ kplɔ detsii ma amewo abe alesi nuɖuti tsɔtsɔ ɖu nui le bɔbɔe na Asiatɔwoe ene. Na míaƒo nu tso Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖu aɖe kple eɖuɖu gatsi mazãmazãe, si doa dzidzɔ na ame ŋutɔ la ŋu na wò.\nFufu Kple Azidetsi\nAbladzo, si nye atikutsetse aɖe si le abe akɔɖu ene, kpakple agbeli, si nye nuku aɖe si ɖona, si ƒe agble wodena le anyigba xɔdzowo dzi le xexeame godoo lae woɖana tsɔ toa fufui. Woklẽa abladzo kple agbelia, klɔnɛ, heɖanɛ wòbina. Ne ebi la, wotsyɔnɛ hetsɔa tati tonɛ le to me wòmena. Ne wotoe wòme bɔbɔ nyuie la, woɖenɛ dea agba me.\nAzitutu, ʋulã, alo tɔmelã, tomatos, sabala, atadi, kple detsiƒonu bubuwoe wotsɔna ƒoa azidetsii. Wofiea tsi ʋulã alo tɔmelãa, hekɔa azitutua kple tsi ɖe edzi emegbe. Wotua detsiƒonuwo kɔna ɖe detsia me, blunɛ, heɖea asi le eŋu wòbina. Ne detsia bi la, wokunɛ dzodzoe ɖe fufu si woɖe ɖe agbaa me la dzi.\nAlesi Woɖunɛ\nFifia si woɖa nuɖuɖu vivi sia na wò vɔ la, aleke nàwɔ akae kple asi ami? Eŋu nyanya koe hiã.\nGake gbã la, ele be nàklɔ asi nyuie. Emegbe ƒo wò nuɖusibidɛwo ɖe detsia me. Gake kpɔ nyuie! Ne mènya eŋu o la, detsia ate ŋu amè wò!\nAzɔ zã wò degblefetsu, mɔfiasi, domesi, kple asigɛdosi nàtsɔ ka fufua. Nyrɔe ɖe detsia me, eye nàte degblefetsu ɖe edzi vie be do vi aɖe naɖe ɖe eme si me detsi vi aɖe axa ɖo.\nAzɔ kɔe ɖe dzi. Ne èkɔe gbɔnae la, bi alɔnu kple asibidɛawo do ɖe nu gbɔ nàkpɔ egbɔ be yemena asibidɛawo yi yame wu alɔnua o. Esia wɔwɔ ana be detsia manɔ tsatsam le wò asi ŋu ava do ɖe wò abɔkuglui nu o.\nBi ta ɖe anyi vie, eye ne asia ɖo nua gbɔ la, zã domesia kple asigɛdosia tsɔ tutu fufua kple detsia de numee. Ele nuwò vivi ge ŋutɔ, gake gakpɔ nyuie fifia hã. Ðewohĩ fifiae nèle atadi hã ƒe veve se ge, elabena zi geɖe la, atadi sua Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖuwo nyuie!\nAleae nèle ewɔ gee ʋuu ami fufua wòavɔ. Gake ɖe nèle detsiƒonu bubuawo, abe lã ene ya ɖu ge vovoe, womekaa wo kpena ɖe fufua ŋu mina ɖekae o. Eye ne detsia ƒe ɖe susɔ la, àte ŋu atsɔ asi akplɔe wòavɔ.\nAsi Tsɔtsɔ Ðu Nui\nGhanatɔ aɖewo gblɔna be yewodi be yewoawɔ sidzenu vevi atɔ̃awo ŋudɔ le nu ɖuɖu me. Àse nuɖuɖua ŋkɔ ahase eƒe ʋeʋẽ ne wole eɖam. Àkpɔe ahaɖɔe kpɔ ne èle eɖum. Gake be sidzenu atɔ̃lia nawɔ dɔ la, ele be nàka asi eŋu.\nAfika kee nèɖatso o, kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be mía Wɔla, Yehowa Mawu, tsɔ ɖe le eme na 'ameƒomeviwo katã.' (Timoteo I, 2:4) Esia ɖe mɔ ɖe dekɔnu vovovo ŋu le ameƒomea me. Eye ne detsikpɔkplɔ gatsi mazãmazãe mema wò o hã la, àkpɔe be enye nuɖuɖumɔnu nyui aɖe si doa dzidzɔ na ame.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030408\/Nu-%C3%90u%C9%96u-Gatsi-Maz%C3%A3maz%C3%A3e\/","date":"2020-01-21T06:45:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601615.66\/warc\/CC-MAIN-20200121044233-20200121073233-00544.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990745187,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990745186805725}","num_words":575,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðeviwo Tafatafa Nu Ayi Kpuie!\n\"DUKƆ ƑOƑUAWO ɖe gbeƒã le Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi me be ele be woatsɔ beléle tɔxɛ ana ɖeviwo ahakpe ɖe wo ŋu.\" Aleae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe Ku Ðe Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Ŋu gblɔ le eƒe ŋgɔdonya me. Eye woyi edzi gblɔ ku ɖe ƒomea ƒe vevienyenye ŋu be: \"Be ɖevia natsi nyuie amenyenye si sɔ nasu esi la, ele be wòanɔ ƒome si me dzidzɔ, lɔlɔ̃, kple nugɔmesename le la me.\" Ke hã womete ŋu le taɖodzinu nyui sia gbɔ ɖom o.\nNuƒoƒo tso nɔnɔme nyui si me wòle be ɖeviwo nanɔ ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Agbe ƒaƒã nɔnɔ le agbogbo dom, ke ame geɖe bui be enye nusi sɔ. Sededewo mete ŋu le agbebaɖanɔnɔ kple ɖokuitɔdidi nu tsim o. Le esi teƒe be dzilawo gɔ̃ hã nalɔ̃ wo viwo ahakpɔ wo ta la, woɖea asi le wo ŋu zi geɖe boŋ wowɔa nusi dzea wo ŋu. Ke mɔkpɔkpɔ kae le mía si azɔ be ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ nu ava yi kpuie?\nTogbɔ be nuɖoanyi gblẽku sia mete ŋu le egbɔ kpɔm be aƒe si me lɔlɔ̃ le kple etsɔme si me dedienɔnɔ le su ɖevi ɖesiaɖe si o hã la, madidi o mía Wɔlaa aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖesiaɖe kple agbegbegblẽnɔnɔ si me ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ hã le la ɖa. Madidi o, Yehowa Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nya me to eƒe Fiaɖuƒea dzi wòawɔ nuku na xexeame. Ame gblẽkuwo kple ɖokuitɔdilawo mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a nu o. Amesiwo lɔ̃ wo haviwo koe atsi agbe age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. \"Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.\"—Lod. 2:21, 22.\nBu gbɔɖeme si wòanye ŋu kpɔ le susu me ne ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu anɔ anyi eye gbegblẽ kple amegbɔdɔdɔ sesẽe aɖeke megali o! Seselelãme kple ŋutilã me ƒe nuveviwɔame si ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ hena vɛ gɔ̃ hã nu ayi. Amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe va yi magaɖo ŋku edzi anɔ eƒe veve sem o. 'Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.'—Yes. 65:17.\nƔemaɣi la, womadzi vi aɖeke si ŋu woawɔ ŋlɔmi le alo adɔ egbɔ sesẽe o. Dzidzɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃, kple nugɔmesese manye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o. Yesaya 11:9 gblɔ le amesiwo ava nɔ Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu be: 'Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava edzi o.'\nNyateƒee, dzidzɔ ka gbegbe wòanye ne hiãkame, atikevɔ̃ɖizazã, dzidzɔmakpɔmakpɔ le ƒomea me, kple agbegbegblẽnɔnɔ nu yi! Ŋutifafa, dzɔdzɔenyenye, kple dedienɔnɔ axɔ aƒe ɖi. \"Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.\"—Yes. 32:18.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 9]\nDzilawo ƒe Ðetsɔleme Ate Ŋu Akpɔ Ƒomea Ta be Magagbã O\n● \"Dzinyelawo de dzi ƒo nam be malé fɔ ɖe nye sukudede ŋu eye masrɔ̃ asinudɔ aɖe hã. Womete kpɔ be yewoazi nusi yewodi be mawɔ ɖe dzinye o, gake wokpe ɖe ŋunye mete ŋu tia suku si wofiaa nusiwo wòle be manya.\"—Tais.\n● \"Ne mía kple nɔvinye nyɔnua míeyina asime la, mía nɔ yina kple mí. Le kpekpeɖeŋu si wònana be míagagblẽ ga fũ o megbe la, egakpena ɖe mía ŋu be míagaƒle awu siwo ƒe atsyã tɔ ŋku o alo awu siwo me ame ƒe ŋutinuwo nɔa dzedzem le o.\"—Bianca.\n● \"Ne míayi kplɔ̃ɖoƒewo la, dzinyelawo biana gbem ku ɖe amesiwo gbɔna afima, ha si ƒomeviwo woaƒo, kple ɣeyiɣi si me kplɔ̃ɖoɖoa adze egɔme ahawu enu ŋu. Le kplɔ̃ɖoɖoawo dometɔ geɖewo me la, mí katã míeyina ɖekae abe ƒome ene.\"—Priscila.\n● \"Le nye ɖevime kple ɖetugbi me la mía kple dzinyelawo míeɖoa dze faa. Sukuhati aɖe de dzesii eye wògblɔ nam be: 'Alesi nète ŋu ƒoa nu kple dziwòlawo tsoa nusianu ŋu faa la dzroam ŋutɔ. Nyemete ŋu vona le ɖokuinye me gɔ̃ hã ne mele nu ƒom kple nɔnye o, eye zi geɖe ne mebe masrɔ̃ nane wɔwɔ la, ame bubuwo gbɔ ko medzea agbagba be masrɔ̃e le.'\"—Samara.\n● \"Ðetugbi kpɔdzidzɔ aɖee menye. Nyemebua nazã ɖe ame aɖeke ŋu o eye mekoa nu ɣesiaɣi. Meɖea dzi ɖi le xɔ̃nyewo dome eye nukokoedonamenyawo gbɔgblɔ kpli wo dzɔa dzi nam. Dzinyelawo kpɔe dze sii be nye nɔnɔmee ma eye womete kpɔ be yewoatrɔe o. Gake wokpe ɖe ŋunye dɔmenyotɔe be maɖɔ ŋu ɖo eye manya alesi mawɔ nu kple ɖekakpuiwo.\"—Tais.\n● \"Abe alesi wòle le sɔhɛ akpa gãtɔwo gome ene la, ɖekakpuiwo ƒe nu va nɔa dzidzɔ dom nam. Fofonye ɖo ƒe aɖe ɖi si mate ŋu adze gbeɖoɖoɖi gɔme. Esia meku dzi nam kura o. Ke boŋ mekpɔe be dzinyelawo tsɔ ɖe le eme nam eye wodi be yewoakpɔ tanye be nu gbegblẽ aɖeke magadzɔ ɖe dzinye le etsɔme o.\"—Bianca.\n● \"Mebu srɔ̃ɖeɖe nu nyui aɖee, le kpɔɖeŋu nyui si dzinyelawo ɖo koŋ ta. Kadodo nyui nɔa wo dome ɣesiaɣi eye woɖoa dze kple wo nɔewo faa. Meɖo ŋku edzi be esime menɔ zɔzɔm kple nye ŋugbetɔ la, nɔnye ɖo aɖaŋu nam ku ɖe alesi mawɔ nui le nɔnɔme aɖewo me ŋu eye wòɖe alesi esia akpɔ ŋusẽ ɖe nye srɔ̃ɖeɖe dzi me nam.\"—Priscila.\n[Nɔnɔmetata si le axa 10]\nLe Mawu ƒe xexe yeyea me la, womagasẽ ŋuta le ɖevi aɖeke ŋu akpɔ gbeɖe o","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030208\/%C3%90eviwo-Tafatafa-Nu-Ayi-Kpuie\/","date":"2020-01-21T19:01:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604849.31\/warc\/CC-MAIN-20200121162615-20200121191615-00304.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989717007,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998971700668335}","num_words":855,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ðewohĩ Atrɔ Azɔ\"\nVIDADA dzetugbee kpɔdzidzɔ aɖe si si vi ene le ye Roxana * nye, eye enye amekola bubume aɖe si le Anyiehe Amerika srɔ̃. Nyɔnua gblɔ be: \"Nyɔnuwo doa vivi ɖe nye aƒetɔ ŋu ale gbegbe, eye ŋutsuwo lɔ̃ eƒe nya gbɔ.\" Gake gbegblẽƒe aɖe le Roxana srɔ̃a ŋu, esi wo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo gɔ̃ hã mekpɔna o. \"Ame ɖivɔvɔ̃ aɖee wònye le aƒeme. Eʋãa ŋu akpa.\"\nRoxana tsi dzodzodzoe esime wòyi eƒe nyaa dzi. \"Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe koe kuxia te mododoɖa. Nɔvinyeŋutsuwo kple nɔnye ɖi tsa va srã mí kpɔ, eye dzi dzɔm míeɖo dze ko nu hahaha. Gake esi wotrɔ dzo la, nye aƒetɔ do dziku heliheli helém xlã ɖe zikpui me anyratɔe. Nyemexɔe se kura be eyae nɔ nu wɔm nenema o.\"\nNublanuitɔe la, Roxana ƒe xaxaa ƒe gɔmedzedze koe nudzɔdzɔ ma nye, elabena le ƒe siwo katã va yi me la, eƒoƒo dzi koe wòle ɣesiaɣi. Edze abe ɖe ŋlɔmiwɔwɔa zu nɔnɔme tsiamesi ene. Ne Roxana srɔ̃a ƒoe vɔ la, eɖea kuku vevie hedoa ŋugbe be yemegale ewɔ ge akpɔ gbeɖe o. Eƒe agbenɔnɔ trɔna vie—hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. Emegbe, ŋɔdzinuwɔwɔa gadzea egɔme ake. Roxana gblɔ be: \"Mebunɛ ɣesiaɣi be ɖewohĩ atrɔ azɔ. Ne mesi dzo gɔ̃ hã la, megatrɔna yia egbɔ godoo.\"\nRoxana ƒe vɔvɔ̃e nye be gbeɖeka la, ye srɔ̃a ƒe anyrawɔwɔa ava dzi ŋɔ ɖe edzi kura. Egblɔ be: \"Edo ŋɔdzi nam be yeawu mía kple ɖeviawo ahawu ye ɖokui. Gbeɖeka etsɔ sakisi ɖo nye ve dzi. Ɣebubuɣi edo ŋɔdzi nam kple tu, etsɔe ɖo nye tonu be yeadae! Mawue ve nunye be kpe menɔ tua me o, gake dzidziƒoame ɖeɖe na meku kloe.\"\nWozia Kpi Boŋ\nNyɔnu miliɔn gbogbo aɖewo kpea fu le ŋutsu sẽŋutawo si me abe Roxana ene. * Wo dometɔ geɖe zia kpi ɖe nusi me tom wole la dzi. Woƒe susue nye be maɖe vi aɖeke ne yewona amewo nya o. Wogblɔna be ɖeko ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo dometɔ geɖe gblɔ be aʋatsoe woka ɖe yewo si hegblɔa nya siawo tɔgbe be, \"Nya vivinatɔe srɔ̃nye nye\" alo \"Eɖea ami ɖe nya akpa.\"\nEnye nublanuinya be vɔvɔ̃ ɖoa nyɔnu geɖe ɣesiaɣi be woadze yewo dzi le teƒe ɖeka kolia si wòle be woase le wo ɖokui me be yewole dedie le wu—si nye woa ŋutɔwo ƒeme. Gake zi geɖe la, nuveviwɔamelaawo boŋ nue wosea veve ɖo. Le nyateƒe me la, edzi menya xɔna sena na ame aɖewo be ŋutsu si dze na amewo be enye dukɔmevi si ŋu bubu le aƒo srɔ̃a o. Bu nusi dzɔ ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Anita dzi esime wòʋu go ŋutasẽnu siwo srɔ̃a si ŋu amewo dea bubui vevie wɔna ɖe eŋu la ŋu kpɔ. \"Míaƒe amenyanyɛ aɖe gblɔ nam be: 'Ameŋugblẽnya kae nye ma gblɔm nèle le bubume sia ŋu?' Ame bubu gblɔ be nyee anya nɔ dziku dom nɛ! Esi nye aƒetɔ ƒe nuwɔna va dze go vɔ gɔ̃ hã la, xɔ̃nye aɖewo te wo ɖokui ɖeɖe ɖa le ŋunye. Woƒe susue nye be ɖe wòle be mado dzi anɔ enu hafi elabena 'nenema koe ŋutsuwo le.'\"\nAbe alesi Anita ƒe nyaa ɖee fia ene la, esesẽna na ame geɖe be woaxɔe se be amewo sẽa ŋuta le woa ŋutɔwo srɔ̃wo ŋu. Nukae naa ŋutsu sẽa tagbɔ le nyɔnu si wòbe yelɔ̃ ŋu nenema gbegbe? Aleke woate ŋu akpe ɖe amesiwo ŋu wosẽa ŋuta le la ŋui?\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati siawo me.\n^ mm. 7 Míelɔ̃ ɖe edzi be wosẽa ŋuta le ŋutsu geɖe hã ŋu. Gake numekukuwo ɖee fia be nyɔnuwoe woate ŋu awɔ nuvevii wu eye wo tɔ nue asẽ wu. Eyata nyɔnu siwo ŋu wosẽ ŋuta le ŋue míeƒo nu tsoe le nyati siawo me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 4]\nNusiwo Aƒemeŋutasesẽ Lɔ Ðe Eme\nLe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nyametsotso Ku Ðe Ŋutasesẽ le Nyɔnuwo Ŋu Ðeɖeɖa me la, nyagbe \"ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu\" ate ŋu afia \"ŋutasẽnu ɖesiaɖe si ŋutsu awɔ ɖe nyɔnu ŋu si ana alo ate ŋu ana nuvevi nawɔ nyɔnuwo alo woakpe fu le ŋutilã, gbɔdɔdɔ gome alo le susume, nuwɔna mawo tsɔtsɔ ado ŋɔdzi na wo, ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu alo wo dzi zizi, eɖanye le dutoƒo alo le ɣaɣlaƒe o hã le eme.\" Ŋutasẽnu siawo dometɔ aɖewoe nye \"fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, le gbɔdɔdɔ me kple susume le ƒomea kple nutoa me, kpakple nyɔnuwo ƒoƒo, nyɔnuviwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu ɖe tabianu ta, ame srɔ̃ gbɔ dɔdɔ sesẽe, nyɔnuwo ƒe likuti lalã ɖa kpakple dekɔnu me nuwɔna bubu siwo gblẽa nu le nyɔnuwo ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011108\/%C3%90ewoh%C4%A9-Atr%C9%94-Az%C9%94\/","date":"2020-01-20T07:04:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597458.22\/warc\/CC-MAIN-20200120052454-20200120080454-00060.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987097979,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987097978591919}","num_words":751,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso March 2 va se ɖe April 5, 2015 la le tata sia me.\nAleke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le xaxaɣiwo?\nAleke nàwɔ anya nenye be dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔe Mawu na ye loo, alo anyigba dzi tɔe?\nNu atɔ̃ siwo ana srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme.\nNu kawoe nàte ŋu awɔ be nàƒo asa na ahasiwɔwɔ kple emetsonu wɔnublanuiawo?\nNufiame veviwo le lɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le Hawo Ƒe Ha gbalẽa me na ame siwo di be yewoaɖe srɔ̃ kple ame siwo ɖee xoxo la siaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20150115\/","date":"2020-01-18T04:46:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250591763.20\/warc\/CC-MAIN-20200118023429-20200118051429-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990890026,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990890026092529}","num_words":100,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE ŊKEKE asieke ƒe ɖaseɖiɖidɔ tɔxɛ si wowɔ le August kple September 1929 me la, gbeƒãɖela siwo wu 10,000 sɔŋ ye kaka nya nyuia afɔtsɔtsɔe le United States bliboa. Woma agbalẽ kple agbalẽvi siwo ade 250,000 sɔŋ. Nya nyui kakala akpe ɖeka nɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo dome. Aleke gbegbe wodzi ɖe edzie nye esi! Bulletin, si woyɔna fifia be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, gblɔ tso esia ŋu be, \"enye nu wɔnuku\" be tso ƒe 1927 va se ɖe ƒe 1929 me ko la, mɔɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃.\nLe ƒe 1929 ƒe nuwuwu lɔƒo la, ganyawo tɔtɔ le xexea me. Le October 29, 1929, si wova yɔ be Braɖa Vɔ̃e, dzi la, adzɔnuwo ƒe asi ɖiɖi le New York Gadedɔme Dɔwɔƒe la ale gbegbe be xexea me katã ge ɖe ɣeyiɣi si woyɔ be Ganyawo Ƒe Toyiyi Gãtɔ me. Gadzraɖoƒe akpe geɖe ɖu agba. Agbledela gãgãwo ƒe dɔ gblẽ. Adzɔnuwɔƒe gãwo tu woƒe dɔwɔƒewo. Woɖe asi le ame miliɔn geɖe ŋu le dɔ me. Le ƒe 1933 me la, woxɔa aƒe 1,000 sɔŋ le amewo si le Amerika gbe sia gbe le esi womegate ŋu le ga siwo wodo xem o ta.\nAleke ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo wɔ te ŋu nɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ ƒe ɣeyiɣi ma nu? Nu siwo kpe ɖe wo ŋu dometɔ ɖekae nye ʋu siwo ganye xɔdɔme si woto vɛ. Womexea xɔfetu alo xea adzɔ ɖe xɔdɔme siawo ta o, eye esia kpe ɖe mɔɖela geɖewo ŋu be woyi woƒe subɔsubɔdɔa dzi eye womegblẽa ga fũu o. * Le takpekpewɔɣiwo la, xɔdɔmeʋuawo zua dzeƒe na wo. Le ƒe 1934 me la, wowɔ xɔdɔmeʋu si le kpokploe evɔ womaxaxa le eme o, si me pɔmpi, mlekpui kple aba le, eye wotrɔ asi le eŋu be vuvɔ nagawɔ ame le eme o la ƒe nɔnɔmetatawo ɖe Bulletin la me hefia ale si woate ŋu awɔe tsitotsito.\nGbeƒãɖela veviedola siwo le xexea me godoo dometɔ geɖe dze woawo ŋutɔ ƒe xɔdɔmeʋuwo wɔwɔ gɔme. Victor Blackwell gblɔ be: \"Nuteƒekpɔkpɔ aɖeke menɔ Noa si le tɔdziʋukpakpa me o, abe ale si ko nye hã nyemenya naneke tso xɔdɔmeʋuwɔwɔ ŋu o ene.\" Gake nɔviŋutsu sia te ŋu wɔe.\nƲu si ganye xɔdɔme la le Avery kple Lovenia Bristow si. Avery gblɔ be, \"Menɔ abe klo si meyia nugbe gblẽa eƒe go ɖi o ene.\" Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Bristow wɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae kple Harvey kple Anne Conrow, siwo ƒe xɔdɔmeʋua ƒe gliwo nye agbalẽgo siwo ŋu wosi aŋɔ yibɔ ɖo. Ɣesiaɣi si woho woƒe ʋua la, agbalẽgoawo ƒe ɖewo flona. Avery gblɔ be, \"Ame aɖeke mekpɔ xɔdɔmeʋu ma tɔgbi kpɔ do ŋgɔ o, eye womegakpɔ ɖeke kpɔ tso ɣemaɣi o!\" Egblɔ kpee be Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Conrow kple wo viŋutsu eveawoe nye \"ƒome si kpɔa dzidzɔ wu.\" Harvey Conrow ŋlɔ bena, \"Naneke mehiã mí kpɔ o, míenɔ dedie le Yehowa subɔsubɔ me, eye wòkpɔa mía ta lɔlɔ̃tɔe.\" Conrow-ƒome bliboa de Gilead Sukua emegbe eye woɖo wo ame eneawo ɖe Peru abe dutanyanyuigblɔlawo ene.\nGiusto kple Vincenza Battaino hã wɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae. Esi Giusto kpɔe be ye srɔ̃ fɔ fu la, wotrɔ asi le woƒe ʋu si nye ƒe 1929 ƒe Model A Ford ŋu wòzu xɔdɔmeʋu si \"nya kpɔ abe amedzrodzeƒe nyui aɖe ene\" ne wotsɔe sɔ kple avɔgbadɔ si me wonɔ tsã. Esi wodzi wo vinyɔnuvia la, ƒome sia yi mɔɖeɖedɔ si dzɔa dzi na wo vevie la dzi, eye woɖea gbeƒã na Italiatɔ siwo ʋu va tsi Amerika.\nAme geɖe ɖoa to nya nyuia, gake esesẽna na ame dahewo kple ame siwo mekpɔ dɔ le wɔwɔm o be woana ga ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽawo ta. Eya ta wonaa nu sia nu si nya le wo si ko ɖe agbalẽawo ta. Mɔɖela eve ŋlɔ nu vovovo 64 sɔŋ siwo ɖetsɔlemetɔwo na wo la ɖe agbalẽ dzi. Ðeko nu siwo woŋlɔ ɖi la \"le abe fiase sue aɖe me nuwoe fiasetɔa ŋlɔ ɖi ene.\"\nFred Anderson do go agbledela aɖe si lɔ̃ be yeaxɔ míaƒe agbalẽwo, eye wòtsɔ dadaa ƒe gaŋkui, alo tsitsi, na ɖe wo ta. Le agble si kplɔ ema ɖo me la, ŋutsu aɖe tsɔ ɖe le míaƒe agbalẽawo me vevie gake efa konyi be, \"Gaŋkui mele asinye matsɔ axlẽ nui o.\" Gake esi wòɖɔ agbledela kemɛa ƒe gaŋkuia la, ete ŋu kpɔ nuŋɔŋlɔawo hexlẽ wo nyuie, eye wòdzɔ ga ɖe agbalẽawo kple gaŋkuia ta dzidzɔtɔe.\nHerbert Abbott tsɔa xadza dea eƒe ʋu me, si me wòdea koklo siwo amewo na ɖe agbalẽawo ta. Ne kokloawo de etɔ̃ alo ene ko la, eyina ɖadzraa wo le asi me eye wòtsɔa gaa dzea mɔ̃memi dea eƒe ʋu me. Egblɔ be: \"Ðe wòdzɔna be penivi gɔ̃ hã menɔa mía si ɣeaɖewoɣi oa? Ɛ̃, edzɔna, gake míenana ema xea mɔ na mí o. Ne mɔ̃memi nya le ʋu me na mí ko la, míawoe nye ema yina ɖaa; míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hekana ɖe edzi.\"\nŊuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple tameɖoɖo kplikpaa ye kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Gbe ɖeka esi tsi gã aɖe nɔ dzadzam la, Maxwell kple Emmy Lewis ƒu du do go le woƒe xɔdɔmeʋua me teti koe ati gã aɖe mu dze ʋua dzi hefee ɖe eve. Maxwell gblɔ be: \"Nu mawo menye mɔxenu na mí o, agbemenudzɔdzɔwo ko wonye, eye meva tame na mí kpɔ be míadzudzɔ dɔa alo ana ta o. Dɔ geɖe gali míawɔ, eye míedi vevie be míawɔe.\" Vɔvɔ̃ meɖo Maxwell kple Emmy kura o. Wo xɔlɔ̃wo kpe ɖe wo ŋu wogbugbɔ wɔ xɔdɔmeʋu yeye.\nLe míawo hã míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma kee Yehowa ƒe Ðasefo veviedola miliɔn geɖeawo ɖena fiana. Abe mɔɖela gbãtɔ mawo ene la, míawo hã míeɖoe kplikpaa be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi va se ɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa vɔ.\n^ mm. 5 Ɣemaɣiwo la, mɔɖela akpa gãtɔ mewɔa ŋutilãmedɔ o. Woɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe asi dzi kpɔtɔ na wo, eye wozãa viɖe suesue siwo wokpɔna le ga siwo amewo na ɖe agbalẽawo ta dzi la tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20131115\/%C9%A3eyi%C9%A3iawo-kat%C3%A3-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96elawo-1929\/","date":"2020-01-20T07:11:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597458.22\/warc\/CC-MAIN-20200120052454-20200120080454-00204.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984198809,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984198808670044}","num_words":980,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔ geɖewo le agbagba dzem be yewoana agbenɔnɔ nade amewo dzi le Afrika. Gake kuxi sesẽwo gakpɔtɔ le fu ɖem na Afrikatɔwo kokoko.\nGbenyiwo Wuwu Manɔsenu\nWowu gbenyi 1,004 le South Africa le ƒe 2013 me evɔ le ƒe 2007 me la, gbenyi 13 ko wowu. Togbɔ be ele alea hã la, ɖeko gbenyi ƒe dzo ƒlelawo gale geɖe wu dim, eye gbenyi ƒe dzo kilogram ɖeka ate ŋu axɔ asi wu sika kilogram ɖeka. Gbenyi ƒe dzo ɖeka ate ŋu axɔ dɔlar miliɔn afã.\nBU NYA SIA ŊU: Ðe dziɖuɖuwo ate ŋu aɖe sedzimawɔmawɔ ɖa gbe ɖeka?—Yeremiya 10:23.\nZãnuxɔxɔ Siwo Womeʋua Goe O\nDukɔwo Dome Amebabanutsiha bu Ɣedzeƒe Afrika dukɔwo de xexemedukɔ siwo me zãnuxɔxɔ xɔ aƒe ɖo wu le la dome. Gake ame siwo si woxɔa zãnu le la dometɔ 90 le 100 me meʋua go zãnuxɔlawo o. Habɔbɔa ƒe nyanuɖela si le Kenya gblɔ be: \"Ewɔ abe dukɔmeviwo mekana ɖe woƒe dziɖuɖumegãwo dzi be woate ŋu awɔ nane tso nu fitifiti wɔwɔ ŋu o ene.\"\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo.\"—2 Mose 23:8.\nInternetzazã Le Afrika\nXexea Me Kadodomɔnuwo Ƒe Habɔbɔ gblɔ be kaka ƒe 2014 ƒe nuwuwu naɖo la, Afrikatɔ 20 kloe le 100 me anɔ Internet zãm. Ame siwo le Internet zãm le woƒe asitelefonwo dzi le Afrika la dzi ɖe edzi teƒe eve ne wotsɔe sɔ kple xexea me katã tɔ le mama dedie nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201503\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2020-01-20T22:22:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250599789.45\/warc\/CC-MAIN-20200120195035-20200120224035-00422.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974780083,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974780082702637}","num_words":226,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MÍA dometɔ kae madi be yeanɔ agbe tegbee ahanɔ dzidzɔ kpɔm o? Bu ale si gbegbe wòanyoe ne ɖe míanɔ agbe tegbee eye míanɔ lãmesẽ kple dzidzɔ me ŋu kpɔ! Anye ne ɣeyiɣi anɔ anyi míade ha kple mía xɔlɔ̃wo, aɖi tsa ayi xexea ƒe akpa sia akpa, asrɔ̃ nu yeyewo, míaƒe nunya nadzi ɖe edzi, eye míasrɔ̃ nu tso nu sia nu si doa dzidzɔ na mí la ŋu tsitotsito.\nÐe míele ami ɖem ɖe nyaa akpaa? Gbeɖe! Biblia na míenyae be Mawu de didi ma mía me. (Nyagblɔla 3:11) Eyi edzi gblɔ hã be \"Mawu nye lɔlɔ̃.\" (1 Yohanes 4:8) Ðe nunya anɔ eme be Mawu lɔ̃ame si wɔ mí nade didi ma mía me be míanɔ agbe tegbee evɔ wòana be didi ma gbɔ manya ɖo oa?\nEme kɔ ƒãa be futɔe ku nye. Le nyateƒe me la, Biblia ɖɔe be enye \"futɔ\" si va ɖo agba me na mí. (1 Korintotɔwo 15:26) Futɔ sia wua ame aɖewo kaba; le ame bubuwo gome la, wonɔa agbe tsina vie. Gake ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o. Le ame aɖewo gome la, ne wobu ku ŋu la, enana wotsia dzimaɖi, alo vɔ̃na gɔ̃ hã. Ðe woava ɖe futɔ sia ɖa gbe ɖekaa? Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔa?\nKPEÐODZI SIWO NAA MƆKPƆKPƆ MÍ\nÐe wòawɔ nuku na wò, ne èva nyae be Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku hafi oa? Biblia-gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ɖo kpe edzi be Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Yehowa Mawu wɔ nu sia nu si ana agbe nanya nɔ le anyigba dzi la na amegbetɔwo. Eyome ewɔ ŋutsu gbãtɔ, Adam, eye wodae ɖe paradiso, si nye Eden-bɔ me. Emegbe \"Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.\"—1 Mose 1:26, 31.\nWowɔ Adam wòde blibo, ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (5 Mose 32:4) Gbegblẽƒe aɖeke menɔ Adam srɔ̃ Xawa hã ŋu o, eya hã de blibo le susu kple ŋutilã me. Yehowa gblɔ na wo be: \"Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi; mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona le yame kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.\"—1 Mose 1:28.\nAxɔ ɣeyiɣi geɖe hafi woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi. Ehiã be Xawa nadzi viwo, eye ɖevi mawo hã nadzi viwo va se ɖe esime anyigba dzi yɔ abe ale si Mawu ɖo tamee ene. (Yesaya 45:18) Ðe susu anɔ eme be Yehowa nagblɔ na Adam kple Xawa be woadzi ayɔ anyigbaa dzi ne ɖeko wòwɔ wo be woanɔ agbe kpuie ko akpɔ wo viwo kple ɖewohĩ wo mama kple tɔgbui yɔviwo ko, evɔ womakpɔ nya mawo me vava teƒe oa?\nBu dɔ si wode asi na wo be woakpɔ ŋusẽ ɖe lãwo dzi hã ŋu kpɔ. Wogblɔ na Adam be wòana ŋkɔ lãwo, eye dɔ sia axɔ ɣeyiɣi geɖe. (1 Mose 2:19) Gake hafi wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, ahiã be wòasrɔ̃ nu geɖe tso wo ŋu be wòase woƒe nuwɔnawo gɔme ale be wòate ŋu alé be na wo. Esiawo katã axɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe ŋutɔ.\nEya ta se si Mawu de be woadzi ayɔ anyigbaa dzi eye woakpɔ ŋusẽ ɖe lãwo dzi fia kɔtɛ be, ɖe wowɔ amegbetɔ gbãtɔawo be woanɔ agbe didi. Le nyateƒe me la, Adam nɔ agbe wòdidi hã.\nMAWU ÐO TAME BE AMEGBETƆWO NANƆ AGBE TEGBEE LE PARADISO ME LE ANYIGBA DZI\nWONƆ AGBE WÒDIDI ŊUTƆ\nBiblia fia nu be amegbetɔwo nɔ agbe didi kpɔ va yi wu ale si wòle fifia. Egblɔ be: \"Adam ƒe agbemeŋkekewo katã va le ƒe alafa asieke blaetɔ̃.\" Emegbe eyɔ ame ade aɖewo siwo nɔ agbe wu ƒe 900 sɔŋ la ƒe ŋkɔwo! Ame siawoe nye, Set, Enos, Kenan, Yared, Metusala kple Noa. Wo katã wonɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ si va le Noa ƒe ŋkekea me, Noa nɔ agbe ƒe 600 hafi Tsiɖɔɖɔa va. (1 Mose 5:5-27; 7:6; 9:29) Nu kae na wonɔ agbe didi nenema?\nAme siawo katã nɔ agbe wògogo ɣeyiɣi si me amegbetɔwo de blibo. Anye be ema koŋue gbɔe wòtso be wonɔ agbe didi. Gake nu ka tae wònye blibodede ye ana ame nanɔ agbe didi? Eye aleke woava ɖe ku ɖae? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, gbãa, ele be míase nu si tae míetsina eye míekuna la gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2019-sep-oct\/wow%C9%94-m%C3%AD-be-m%C3%ADan%C9%94-agbe-tegbee\/","date":"2020-01-24T12:09:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250619323.41\/warc\/CC-MAIN-20200124100832-20200124125832-00254.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984874129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984874129295349}","num_words":700,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzɔ Wò Dzitsinya Ŋu\nEŊUBUBU be yele yameʋu si le zɔzɔm ɖe mɔfiame gbegblẽ dzi me doa ŋɔdzi na ame. Gake tsɔe be ame aɖe gblẽ nane le yameʋua ƒe mɔfianuwo ŋu alo ɖoe tsɔ nyatakaka gbegblẽ de eme! Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, nusia tututue ame aɖe le didim be yeawɔ na wò dzitsinya. Eɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu le wò agbenyuinɔnɔ mɔfianu ŋu. Eƒe tameɖoɖoe nye be yeana mia kple Mawu dome nagblẽ!—Hiob 2:2-5; Yohanes 8:44.\nAmekae nudomegblẽla vɔ̃ɖi sia nye? Woyɔe le Biblia la me be 'da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.' (Nyaɖeɖefia 12:9) Wokpɔe le Eden-bɔa me wòtsɔ susu vɔ̃ ble Xawa be wògbe nu nyui si wònya dzi wɔwɔ hedze aglã ɖe Mawu ŋu. (Mose I, 3:1-6, 16-19) Tso ɣemaɣi la, Satana kpɔ egbɔ be woɖo amebeble habɔbɔ blibowo be wokplɔ ame gbogbo aɖewo wozu Mawu ƒe futɔwo. Alakpasubɔsubɔe ɖi fɔ wu le habɔbɔ siawo dome.—Korintotɔwo II 11:14, 15.\nAlakpasubɔsubɔ Gblẽa Dzitsinya Dome\nLe Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me la, woɖe alakpasubɔsubɔ fia be enye kpɔɖeŋugbolo si woyɔna be Babilon Gã. Eƒe nufiafiawo tɔtɔ ame geɖe ƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ ŋu eye wòna wolé fu amesiwo le ha bubu me hesẽa ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, Nyaɖeɖefia gblɔ be alakpasubɔsubɔ koŋue Mawu tɔ ŋkui be eɖi \"amesiwo katã wowu le anyigba dzi la\" ƒe ʋufɔ, amesiwo dome Mawu ŋutɔ ƒe subɔlawo hã le.—Nyaɖeɖefia 17:1-6; 18:3, 24.\nYesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso alesi gbegbe alakpasubɔsubɔ atro ame aɖewo ƒe dzitsinyae ŋu esime wògblɔ be: \"Gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.\" Aleke gbegbe wogba ŋku na ŋutasẽla siawoe le agbenɔnɔ gome enye si! Yesu gblɔ be: 'Womenya Fofo la kple nye hã o.' (Yohanes 16:2, 3) Yesu gblɔ nya sia eteƒe medidi hafi wowu eya ŋutɔ le subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo mena hlɔ̃dodo ɖe fu na woƒe dzitsinya o la ƒe biabia nu. (Yohanes 11:47-50) To vovo na ema la, Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si le ye yomedzela vavãwo domee woatsɔ adze si woawo ya. Gake lɔlɔ̃ sia keke ta wu ema, elabena woɖenɛ fiaa woƒe futɔwo gɔ̃ hã.—Mateo 5:44-48; Yohanes 13:35.\nMɔ bubu si dzi alakpasubɔsubɔ to te ame geɖe ƒe dzitsinya ɖe to enye be wòde agbe ɖesiaɖe nɔnɔ alo gbegblẽa si le tsia dzi ƒe dzi ƒo. Esi apostolo Paulo nɔ esia gblɔm ɖi la, egblɔ be: \"Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.\"—Timoteo II, 4:3.\nEgbea la, subɔsubɔhakplɔlawo lũa tome na amewo gblɔna na wo be Mawu ate ŋu ada asi ɖe gbɔdɔdɔ srɔ̃maɖemaɖee dzi. Ame bubuwo ŋea aɖaba ƒua ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ ƒe nuwɔnawo dzi. Le nyateƒe me la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo nye ŋutsu siwo dɔa ŋutsu bubuwo gbɔ. Nyati aɖe si dze le Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Times me gblɔ be wotia \"hakplɔla wuietɔ̃ siwo wonya nyuie be wonye ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ\" be woanɔ England Sɔlemeha ƒe Adaŋudeha Gã me. Ne sɔlemeha ŋgɔnɔlawo gbe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo dzi wɔwɔ eye woƒe sɔlemehawo mewɔ naneke tso eŋuti o la, dzidzenu kawo dzie hameviawo awɔ ɖo? Mewɔ nuku o be eyae na ame miliɔn geɖe tɔtɔ keŋkeŋ.\nAleke gbegbe wònyo wue nye esi be míana Biblia ƒe agbenyuinɔnɔse si le abe akaɖi le kɔkɔƒe kple gbɔgbɔ me nyateƒe siwo le eme nakplɔ mí! (Psalmo 43:3; Yohanes 17:17) Le kpɔɖeŋu me Biblia fia nu be matrewɔlawo alo ahasiwɔlawo \"manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.\" (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Egblɔ na mí be ŋutsu kple nyɔnu siwo trɔa \"dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o\" la le 'nusi nye ŋukpenanu' wɔm le Mawu ŋkume. (Romatɔwo 1:26, 27, 32) Agbenɔnɔ ŋu nyateƒenya siawo menye esiwo ame madeblibowo to vɛ o; Mawu ƒe dzidzenu siwo tso gbɔgbɔ me, siwo me womete fli ɖo kpɔ o ye wonye. (Galatiatɔwo 1:8; Timoteo II, 3:16) Gake mɔ bubuwo le Satana si siwo dzi wòtona gblẽa nu le dzitsinya ŋuti.\nWɔ Tiatia Nyui le Modzakaɖeɖe Me\nNu vɔ̃ɖi wònye be woazi ame dzi wòawɔ nugbegblẽ, gake ewɔwɔ be ame nadi be yeawɔ nugbegblẽ ya gavloe wu kura. Esiae nye Satana, 'xexe sia me dziɖula,' ƒe taɖodzinu. Be wòade eƒe susu vɔ̃ tame kple dzime na bometsilawo alo ŋuɖeɖilawo—vevietɔ ɖeviwo, amesiwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu—la, ezãa agbalẽwo, sinima, hadzidzi, kɔmpiuta dzi fefewo, kple Internet dzi amamaɖeɖe nukpɔƒe siwo ŋu nya ku ɖo.—Yohanes 14:30; Efesotɔwo 2:2.\nWogblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Pediatrics me be: \"Ðevi [siwo le United States] kpɔa ŋutasesẽnuwɔna si ade 10000 le ƒe ɖeka me, eye nukpɔkpɔ siwo wowɔ na ɖeviwo mee ŋutasesẽnuwɔnawo sɔ gbɔ le wu.\" Egadze le nyatakakaa me be \"le ƒe ɖeka me la, ƒewuiviwo kpɔa wɔna 15000 kloe siwo me nuƒoƒo tẽ, ahamasisi, kple hatsekaka le gbɔdɔdɔ ŋu nɔna.\" Eye le fiẽ television dzi wɔna siwo ame akpa gãtɔ kpɔna gɔ̃ hã me la, nyatakakaa gblɔ be, \"gbɔdɔdɔnuwɔna 8 dzena le gaƒoƒo ɖeka me, si nye ƒe 1976 me tɔ ƒe teƒe ene.\" Mewɔ nuku o be edze le numekukua me hã be \"nya madzeto gbɔgblɔ hã va le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ nenema ke.\" Ke hã Biblia kple dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo xlɔ̃ nu be nusiawo ƒaƒã ɖe ame ɖokui me na wozua ame gblẽku. Eyata ne èdi vavã be yeadze Mawu ŋu eye eme nanyo na wò la, ke wɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Lododo 4:23 dzi, si gblɔ be: 'Dzɔ wò dzi ŋu, elabena eya me agbe tsona.'—Yesaya 48:17.\nHaƒoƒo xɔŋkɔ geɖe hã gblẽa dzitsinya dome. Nyatakaka aɖe si dze le Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Sunday Mail me xlɔ̃ nu be hadzila si ƒe ha le tsia dzi wu le Ɣetoɖoƒedukɔ geɖe me la \"dzea agbagba etɔxɛe be yeado voɖi na ame.\" Woŋlɔ ɖe nyatia me be \"eƒe hawo kafua atikevɔ̃ɖizazã, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple amegbɔdɔdɔ akpasesẽe,\" eye wogblɔ be \"edzia ha be yewu ye srɔ̃ tsɔe ƒu gbe ɖe ta me.\" Haawo me nya bubu siwo woyɔ la vloe ale gbegbe be míate ŋu ayɔ wo le afisia o. Ke hã eƒe ha na wòxɔ nunana si ŋu wodea bubui. Ðe nàdi be yeaƒã susu vɔ̃ɖi abe esiwo ƒe nya míegblɔ va yi ene ɖe susu kple dzi me ne wogblɔ wo le hadzidzi me be wòavivi gɔ̃ hã? Mawɔe o baa, elabena amesiwo wɔa nu alea ƒoa ɖi woƒe dzitsinya eye mlɔeba wowɔa \"dzi vɔ̃ɖi\" na wo ɖokui si naa wova zua Mawu ƒe futɔwo.—Hebritɔwo 3:12; Mateo 12:33-35.\nEyata dze nunya le modzakaɖeɖe siwo nàtia me. Biblia xlɔ̃ nu be: \"Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti.\"—Filipitɔwo 4:8.\nHadede Kpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Dzitsinya Dzi\nEsime Neil kple Franz nye ɖeviwo la, wokpɔ gome le hadede nyuiwo me kple Kristotɔ ɖianukwarewo. * Gake ɣeaɖeɣi megbe la, Neil gblɔ be, \"Meva nɔ ha dem kple ame gblẽkuwo.\" Emetsonu si va vee mlɔeba enye be eva wɔ nu vlo eye wodee game. Nya ma tɔgbee dzɔ ɖe Franz hã dzi. Efa konyi be: \"Mesusu be mate ŋu anɔ xexeame sɔhɛwo dome eye womakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o. Gake abe alesi Galatiatɔwo 6:7 gblɔe ene la, 'Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.' Dzigbãnya aɖee dzɔ hafi meva kpɔe be Yehowa ƒe nya dzɔ ke tɔnyee medzɔ o. Mele game nye agbemeŋkeke mamlɛawo katã ɖe nu gbegblẽ si mewɔ ta.\"\nZi geɖe la, amesiwo le abe Neil kple Franz ene meva zua nuvlowɔlawo kpata o; gbã la, woabui be manyo kura be yewoazu nuvlowɔlawo o. Ðe wonɔa ɖiɖim vivivi, eye zi geɖe la, afɔɖeɖe gbãtɔ nyea ha vɔ̃ dede me nɔnɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Ðewohĩ atikevɔ̃ɖizazã alo ahamumu akplɔe ɖo. Le nyateƒe me la, esɔ be wogblɔ le dzitsinya ŋu be enye \"amenyenye ƒe akpa si te ŋu nyina le aha me.\" Nuvlowɔwɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ gbɔ megadidi tso afisia o.\nEkema nukatae nàɖe afɔ gbãtɔ sia ɖo? Ðe eteƒe la, de ha kple nunyala siwo lɔ̃ Mawu nyateƒe. Woakpe ɖe ŋuwò be nàdo ŋusẽ wò dzitsinya ale be wòate ŋu akplɔ wò nyuie, aɖe wò tso afɔku geɖe me. (Lododowo 13:20) Togbɔ be Neil kple Franz gakpɔtɔ le game hã la, fifia wobua woƒe dzitsinya be enye Mawu ƒe nunana si wòle be woahe nyuie, ẽ, kple nusi woalé be na. Gakpe ɖe eŋu la, wole agbagba dzem vevie be yewoatu yewo kple Mawu, Yehowa, dome ƒomedodo nyui ɖo. Dze nunya, eye nàsrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me.—Lododowo 22:3.\nKpɔ Wò Dzitsinya Ta\nMíeɖenɛ fiana be míedi be míakpɔ míaƒe dzitsinya ta ne míetu Mawu dzixɔse kple lɔlɔ̃ na eyama ɖo, eye míetsɔ eyama vɔvɔ̃ si sɔ kpe ɖe eŋu. (Lododowo 8:13; Yohanes I, 5:3) Biblia ɖee fia be dzitsinya si me nusiawo mele o la melia ke le agbenyuinɔnɔ me o. Le kpɔɖeŋu me Psalmo 14:1 ƒo nu tso amesiwo gblɔna le woƒe dzime be 'Yehowa meli o' ŋu. Aleke xɔsemanɔamesi sia kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii? Kpukpuia yi dzi be: \"Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo.\"\nEtsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ like aɖeke hã menɔa amesiwo me Mawu dzixɔse vavã mele o la si o. Eyata wonɔa agbe na egbeŋkekea ko nɔa kɔ ɖim na woƒe ŋutilã me nudzodzrowo. Woƒe nukpɔsusu enye: \"Minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.\" (Korintotɔwo I, 15:32) Gake wometsɔa xexeme ƒe dzidzɔkpɔkpɔ siwo nu gbɔna yiyi ge kpuie blea amesiwo ƒe ŋku le agbe mavɔ fetua dzi o. Abe mɔfiamekɔmpiuta si wɔa dɔ nyuie ene la, woƒe dzitsinya si wohe nyuie la na wokpɔa ŋgɔ tẽ ale be woɖoa to Mawu nuteƒewɔwɔtɔe.—Filipitɔwo 3:8.\nHafi ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ wò dzitsinya ŋu wòanɔ dɔ wɔm nyuie la, ehiã Mawu ƒe Nya ƒe mɔfiame edziedzi. Biblia na míenya be mɔfiame sia li esime wògblɔe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: \"Mia��e to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.\" (Yesaya 30:21) Eyata ɖo ɣeyiɣi ɖi na Biblia xexlẽ gbesiagbe. Esia ado ŋusẽ wò ahade dzi ƒo na wò ne èle ʋiʋlim be yeawɔ nu nyui alo ne dzitsitsi kple dzimaɖitsitsiwo le fu ɖem na wò. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa akplɔ wò le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmemenyenye me ne èɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Ẽ, srɔ̃ hakpala si ŋlɔ be: \"Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.\"—Psalmo 16:8; 55:23.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 16 Míetrɔ ŋkɔawo.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]\nAlakpasubɔsubɔ si woyɔ le Biblia me be \"Babilon gã la\" ye na ame geɖe ƒe dzitsinya gbɔdzɔ\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nNunɔla le asrafoha yram: U.S. Army Photo\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]\nŊutasẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ kpɔkpɔ agblẽ nu le wò dzitsinya ŋu\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nMɔfiafia xɔxɔ tso Mawu ƒe Nya me edziedzi adzɔ wò dzitsinya ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011101\/Dz%C9%94-W%C3%B2-Dzitsinya-%C5%8Au\/","date":"2020-01-23T14:26:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250610919.33\/warc\/CC-MAIN-20200123131001-20200123160001-00264.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986739159,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986739158630371}","num_words":1789,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la ɖo kpe Belsazar si nɔ Babilon la ƒe ɖoƒe dzi?\nƑE GBOGBO aɖewo va yi la, ame siwo ɖea ɖeklemi le Biblia ŋu la gblɔ be Fia Belsazar, si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me la, menɔ anyi kpɔ o. (Dan. 5:1) Nu si tae wosusui nenemae nye be, blemaduwo nɔƒe kulawo mete ŋu ke ɖe kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be Belsazar nɔ anyi kpɔ la ŋu o. Ke hã, esia trɔ le ƒe 1854 me. Nu ka tae?\nLe ƒe ma me la, Britaintɔwo ƒe dziɖuɖuteƒenɔla aɖe si ŋkɔe nye J. G. Taylor yi ɖaku nu me le blema dugã Ur ƒe glikpo siwo le egbegbe anyiehe Iraq la ŋu. Esi numekula sia yi afi ma la, eke ɖe anyikpe gbogbo aɖewo ŋu le mɔ́ kɔkɔ aɖe me. Kpeawo dometɔ ɖe sia ɖe didi sentimeta ewo, eye woɖe kunifɔm nuŋɔŋlɔ ɖe wo katã dzi. Woŋlɔ gbe aɖe si wodona ɖa ɖe Babilon-fia Nabonido kple via tsitsitɔ, Belsazar, ta be woanɔ agbe didi la ɖe kpeawo dometɔ ɖeka dzi. Eva hiã be ɖeklemiɖelawo gɔ̃ hã nalɔ̃ ɖe edzi be: Esia nye kpeɖodzi be Belsazar nɔ anyi kpɔ.\nKe hã, menye ɖeko Biblia gblɔ be Belsazar nɔ anyi kpɔ ko o, ke egblɔ hã be enye fia. Ðeklemiɖelawo gake ɖi nya sia hã. Le kpɔɖeŋu me, Eŋlisiawo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si ŋkɔe nye William Talbot, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me la, ŋlɔ bena ame aɖewo gblɔ be \"Bel-sar-ussur [Belsazar] ɖu fia esime fofoa Nabonido hã nɔ fia ɖum. Gake kpeɖodzi ɖeka pɛ gɔ̃ hã mele nya sia ŋu o.\"\nKe hã, wokpɔ ɖeklemiɖenya sia hã gbɔ esime nuŋɔŋlɔ siwo dze le anyikpeawo dometɔ bubuwo dzi la ɖee fia be, ɣeaɖeɣi la, Fia Nabonido, si nye Belsazar fofo, dzo le fiadua me ƒe aɖewo. Nu kae dzɔ esi menɔ anyi o? Numekugbalẽ si nye Encyclopaedia Britannica gblɔ be: \"Esi Nabonido nɔ dukɔ bubu me la, etsɔ Belsazar ɖo fiazikpuia dzi eye wòtsɔ eƒe asrafowo dometɔ akpa gãtɔ de eƒe kpɔkplɔ te.\" Eya ta, Belsazar ɖu fia esime fofoa Nabonido kpɔtɔ nye Babilon-fia vavã. Esia wɔe be, tomenukula kple gbegbɔgblɔŋutinunyala Alan Millard gblɔ be esɔ be \"Daniel Ƒe Agbalẽa yɔ Belsazar be 'fia.'\"\nKe hã, le Mawu subɔlawo ya gome la, nu si koŋ ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Daniel ƒe agbalẽa me nyawo ŋu eye wotso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la dze le Biblia la ŋutɔ me.—2 Tim. 3:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-february-2020\/%C9%96o%C6%92e-si-babilon-fia-belsazar-n%C9%94\/","date":"2020-01-22T06:04:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606696.26\/warc\/CC-MAIN-20200122042145-20200122071145-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984473586,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984473586082458}","num_words":414,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Geɖe Wu Didi\n\"Ne míedia nu geɖe ɣesiaɣi la, ekema nusiwo le mía si xoxoa masɔ gbɔ na mí akpɔ o.\"—Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔ.\n\"NUKA dim míele? Nusianu. Ɣekaɣie míele wo dim? Fifi laa.\" Boblodonya mawo bɔ ɖe kɔledzivi aɖewo nu le ƒe 1960-awo me. Ðewohĩ womagase nya siawo tututu egbea ya o, gake nukpɔsusua kpɔtɔ li. Le nyateƒe me la, edze abe nu geɖe wu didi nye míaƒe ɣeyiɣia me tɔwo ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe ene.\nKesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ƒe ame si susu va zu taɖodzinu vevitɔ na ame geɖe le agbe me. Jimmy Carter, si nye United States tɔwo ƒe dukplɔla tsã gblɔ kpɔ be: \"Menye nusi ame aɖe wɔe wotsɔa dzea sii fifia o, ke boŋ eƒe nunɔamesiwoe.\" Ðe nanewo li xɔ asi wu nunɔamesiwoa? Ne woli la, ke woawoe nye kawo, eye vi kawoe woaɖe na ame?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041015\/Nu-Ge%C9%96e-Wu-Didi\/","date":"2020-01-22T12:26:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606975.49\/warc\/CC-MAIN-20200122101729-20200122130729-00463.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993705153,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993705153465271}","num_words":143,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba\nENYE nu si bɔ le Albania be nàkpɔ ame tsitsi aɖe wòanɔ tedzi dom aganɔ nu ƒom le eƒe asitelefon dzi. Le India la, àte ŋu akpɔ nubiala aɖe wòadzudzɔ nubiabia ɣeyiɣi kpui aɖe be yeaƒo nu kple ame aɖe le asitelefon dzi. Ɛ̃, mɔɖaŋunuwo—eɖanye asitelefon, television, alo kɔmpiuta o—kaka ɖe xexea ƒe akpa sia akpa. Wole gatɔwo kple ame dahewo siaa si, eye wova zu nu si ame geɖewo zãna gbe sia gbe.\nAle si gbegbe asitelefon vovovowo va bɔe la nye kpeɖodzi be mɔɖaŋununya le ŋgɔ yim nyateƒe. Menye kaƒomɔ koe asitelefon siawo dometɔ akpa gãtɔ ganye o. Amewo tea ŋu toa asitelefon deŋgɔwo dzi zãa Internet, ɖoa e-mail ɖe amewo alo xɔa wo, kpɔa television, sea ha, ɖea foto, alo xɔa nyatakaka tso nyatakakaxɔmɔ si woyɔna be Global Positioning System (GPS) dzi eye, ahã! wotsɔnɛ yɔa ame hã.\nLe nyatakaka aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Washington Post me nu la, asitelefon siwo wozãna tsɔna wɔa nu geɖe la \"sesẽ wu mɔ siwo Dziehe Amerikatɔwo Ƒe Yamenuto Me Dedienɔnɔ Gbɔkpɔdɔwɔƒea zã le ƒe 1965 me.\" Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ hã be: \"Fifia la, telefon agbɔsɔsɔme si le anyigba dzi la ade edzinɔlawo ƒe xexlẽme ƒe afã,\" eye le dukɔ 30 ya teti me la, telefonwo sɔ gbɔ wu amewo. Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ hã be \"mɔɖaŋunuwo mekaka kabakaba le xexea me alea gbegbe kpɔ abe ale si wòle egbea ene o.\"\nLe xexea me godoo la, dukɔ madeŋgɔwo mee asitelefonzãlawo dometɔ 60 le alafa me le, si wɔe be asitelefon va zu mɔɖaŋunu siwo woto vae la ƒe gbãtɔ si zãlawo sɔ gbɔ wu le dukɔ madeŋgɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, le Afghanistan la, ame yeye 140,000 sɔŋ ye ƒle asitelefon ɣleti sia ɣleti le ƒe 2008 me, eye le ƒe siwo va yi me la, ame siwo si asitelefon le le Afrika ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi 50 kloe le alafa me ƒe sia ƒe.\nGake kadodomɔnuwo ƒe bɔbɔ alea gblẽa nu hã. Asitelefon, nyatakakaxɔmɔ sue si woyɔna be pager, kple kɔmpiuta si wotsɔna ɖe asi, si woyɔna be laptop, wɔe be woate ŋu ake ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi kloe le afi sia afi, eye esia na be mɔɖaŋunu siawo zãlawo dometɔ aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be mɔɖaŋunuwo le ŋusẽ kpɔm ɖe yewo dzi akpa. Gake ame aɖewo hã na mɔɖaŋunuwo zazã zu numame na wo ale be wosena le wo ɖokuiwo me be ele kokoko be yewoazã nu siawo ne yewoanya nu siwo le edzi yim le xexea me.\nÐewohĩ kuxi siwo mɔɖaŋunuwo zazã na kadodo kple nyatakakaxɔxɔ hena vanɛ la dometɔ siwo amewo dea dzesi wue nye ale si wozua numame na ame, ale si wohea ame ƒe susu, kple ale si wogblẽa nu si wɔm ame le la me. * Gake woate ŋu azã mɔɖaŋunu mawo ke wòaɖe vi le mɔ geɖe nu hã. Ekema aleke nàte ŋu ada asɔ le wo zazã me ahawɔe le nunya kple ameŋububu me? Nyati siwo kplɔe ɖo aɖo nyabiase sia ŋu.—g09-E 11.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Woƒo nu tso asitelefon, kɔmpiuta, television, kple Internet ŋu le nyati sia kple etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Nu siawoe míezã nya \"mɔɖaŋunu\" na le nyati siawo me negbe ɖee woyɔ mɔɖaŋunu bubu aɖe ko.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201001\/M%C9%94%C9%96a%C5%8Bunuwo-Le-Dzidzim-%C3%90e-Edzi-Kabakaba\/","date":"2020-01-18T07:22:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250592261.1\/warc\/CC-MAIN-20200118052321-20200118080321-00063.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976282716,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976282715797424}","num_words":531,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Todzimawunyaa ŋuti ɖoɖo kae nàte ŋu azã le tenɔnɔ ɖe nuteɖeamedzi nu me?\nGbesiagbe la, àte ŋu axlẽ Yesu ƒe nufiafia vevi siwo dze le mawunya ma me alo le teƒe bubu le Nyanyuigbalẽawo me la dometɔ ɖeka. To ŋugbledede le nufiafia mawo ŋu kple tɔwò sinua wɔwɔ be yeazã wo le yeƒe agbenɔnɔ me la, àte ŋu akpɔe adze sii be yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi, eye yeƒe nuteɖeamedziwo dzi ɖe kpɔtɔ.—12\/15, axa 12-14.\n• Susu nyui etɔ̃ kawo tae hamemegãwo naa hehe subɔsubɔdɔwɔlawo be woatsɔ agbanɔamedzi bubuwo?\nLe alesi Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii ta la, wohiã ŋutsu siwo ate ŋu awɔ dzikpɔkpɔdɔwo be woakpe ɖe nyɔnyrɔxɔla yeyewo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi. Tsitsi alo lãmesẽkuxiwo ɖe nusi hamemegã tsitsiwo ate ŋu awɔ la dzi kpɔtɔ. Eye hamemegã bibi aɖewo le agbanɔamedzi bubu siwo menye hame siwo me wole tɔ ɖeɖeko o la tsɔm, eyata ɖewohĩ womate ŋu awɔ geɖe le woƒe hamea me abe alesi wowɔna tsã ene o.—1\/1, axa 29.\n• Aleke amewo xɔ mawu siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o la dzi see?\nAmewo dea ta agu na woƒe subɔsubɔha ƒe mawuwo, gake nusiawo ate ŋu anye mawu siwo me agbe mele o siwo mate ŋu axɔ na ame o abe alesi wònɔ le Baal gome le Eliya ŋɔli ene. (Fiawo I, 18:26, 29; Psalmo 135:15-17) Ame bubuwo dea bubu modzakaɖela alo kamedefefe wɔla xɔŋkɔwo ŋu, amesiwo mate ŋu ana etsɔmemɔkpɔkpɔ gobii aɖeke wo o. To vovo na ema la, Yehowa ya li ŋutɔŋutɔ eye wòwɔna ɖe eƒe tameɖoɖowo dzi.—1\/15, axa 3-5.\n• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Kain wɔ nu ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ŋu me?\nMawu na mí tiatiawɔblɔɖe, eye míate ŋu atia be míawɔ nu nyui tsɔ wu be míagbe ewɔwɔ, abe alesi Kain wɔ nue ene. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo hã ɖee fia be Yehowa hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa amesiwo gbea dzime tɔtrɔ la dzi.—1\/15, axa 22-3.\n• Nukatae dzadzɛnyenye le vevie ŋutɔ fifia?\nAgbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ va wɔe be ame geɖe megazãa ɣeyiɣi geɖe ɖe woƒe aƒewo me dzadzraɖo ŋu abe alesi wònɔ tsã ene o. Abe alesi wòle le nuɖuɖu kple tsi gomee ene la, aɖabaŋeŋe ƒu dzadzɛnyenye dzi ate ŋu ana be nu nagblẽ le wò lãmesẽ ŋu vevie. Tsɔ kpe ɖe ŋutilã me dzadzɛnyenye ŋu la, Biblia te gbe ɖe dzadzɛnɔnɔ le gbɔgbɔ me, le agbenɔnɔ me, kple le susu me dzi vevie.—2\/1, axa 3-6.\n• Paulo gblɔ le ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋu be womegawɔ wo 'blibo yewo manɔmee o.' Le mɔ ka nu? (Hebritɔwo 11:40)\nLe Ƒe Akpe Ðeka ƒe Dziɖuɖu si gbɔna me la, Kristo kple nɔvia amesiamina siwo anye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo la ana viɖe siwo ado tso tafea me nasu amesiwo wofɔ ɖe tsitre la si. Abe alesi wode dzesii le Hebritɔwo ta 11 ene la, woawɔ ame wɔnuteƒe mawo 'woade blibo.'—2\/1, axa 23.\n• Nya ka gblɔm Paulo nɔ esime wògblɔ na Hebritɔwo be: 'Miekpɔ tsi tre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o'? (Hebritɔwo 12:4)\nNusi fiam wònɔe nye tsitrenɔnɔ sesĩe aɖase ɖe ku me. Blema kpɔɖeŋu aɖewo ɖee fia be ame aɖewo wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ke. Togbɔ be womedo Hebritɔ siwo Paulo ŋlɔ agbalẽa na kpɔ ɖo afima o hã la, ehiã be woawɔ ŋgɔyiyi aɖo tsitsi gbɔ, woatu woƒe xɔse ɖo be woate ŋu ado dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe si ava wo dzi la me.—2\/15, axa 29.\n• Nukatae wòasɔ wu be míadzudzɔ gbɔgblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna?\nLe gbegbɔgblɔ aɖewo me la, be \"woaɖe nu dzi akpɔtɔ\" ate ŋu afia be woabɔbɔ eme alo atsi enu. Yehowa nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ siaa ƒe Mawu, eye ne ele nɔnɔme eve mawo ɖem fia la, wowɔa dɔ aduadu. (Mose II, 34:6, 7; Mose V, 32:4; Psalmo 116:5; 145:9) Mehiã be nublanuikpɔkpɔ nabɔbɔ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me alo aɖe edzi akpɔtɔ o.—3\/1, axa 30.\n• Ðe wòsɔ be Kristotɔ nana woasi atike na eƒe ƒometɔ si kua?\nAtike sisi na ame kuku nye nusi wowɔna tsɔ kpɔa eta be magagblẽ kaba o. Blematɔ aɖewo wɔe le subɔsubɔ kɔnuwo ta. Manɔ nenema le tadeagula vavãwo gome o. (Nyagblɔla 9:5; Dɔwɔwɔwo 24:15) Ðeko atike sisi na ame kukua ahe ŋutilã la ƒe tɔtrɔ agazu anyi, si nu womate ŋu axe mɔ ɖo keŋkeŋ o, ɖe megbe vie. (Mose I, 3:19) Gake mahiã be woatsi dzi ne sewo bia be woasi atike na ame kukua, ƒometɔ aɖewo dii nenema, alo ehiã elabena ame aɖewo atso didiƒe ava kua teƒe ta o.—3\/15, axa 29-31.\n• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe fia mí be Mawu xɔa dukɔwo katã me tɔwo?\nYehowa dɔ nyagblɔɖila Yona be wòaxlɔ̃ nu Niniwetɔwo, eye Mawu ƒoe ɖe Yona nu be woalɔ̃ ɖe woƒe dzimetɔtrɔa dzi. To nya kple kpɔɖeŋu me la, Yesu de dzi ƒo be woaɖe lɔlɔ̃ afia Samariatɔwo. Apostolo Petro kple apostolo Paulo siaa wɔ akpa aɖe le nyanyuia tsɔtsɔ yi na amesiwo menye Yudatɔwo o me. To kpɔɖeŋu mawo me la, míate ŋu ade dzesi alesi wòhiã be míadze agbagba akpe ɖe ameƒomevi ɖesiaɖe ŋui.—4\/1, axa 21-4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020415\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2020-01-26T08:51:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251687958.71\/warc\/CC-MAIN-20200126074227-20200126104227-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998411715,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984117150306702}","num_words":838,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutasẽnuwɔwɔ Dziŋɔwo—Nuka Teƒee Nye Esi Kpɔm Míele?\nFRANK kple Gabriella nɔ tsa ɖim le Oregon, U.S.A., ƒuta ŋdi kanya henɔ agudzedze kpɔm. Womenya kura be nya aɖe le yewo ŋgɔ gbɔna o. Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ tututu da tu ta na woa kple evea siaa ŋɔdzitɔe woku. Hlɔ̃ biamee tua dala nɔa? Alo ŋuʋaʋãea? Menye wo dometɔ aɖeke tae o. Tua dala, si medze si wo kura o la ɖi kɔ na eƒe dzodzro aɖe—be yeakpɔe ɖa be aleke wòanɔ ne yewu ame hã.\n\"Le Kwasiɖa, April 28, 1996 dzi la, Martin Bryant na Ɣetoɖoƒedukɔwo katã se eŋkɔ to dzidzɔdodo na eɖokui me. Enɔ tsatsam le Arthur Melidzeƒe, le Tasmania, henɔ tu dam amesiame si ko wòdo goe, heto ema me kpɔe be ŋusẽ su ye si wònye dzidzɔ gã aɖe nɛ.\" (Agbalẽ si nye A Study of Our Decline, si Philip Atkinson ŋlɔ) Eya hã wu ame 35 sɔŋ!\nŊutsu aɖe si xɔ ƒe 65, si xɔ dzudzɔ le dɔme le Canada do go ŋdi kanya aɖe be yeado gasɔ vie. Esi wònɔ gasɔa dom la, ʋukula aɖe tsɔ eƒe ʋu lɔe hedzo le egbɔ kple susu be aku. Ʋua he eƒe gasɔa le lɔrimɔa dzi yi ŋgɔe meta 700 kple edzivɔ. Gbã la, wosusu be ʋu aɖee ƒoe hesi le egbɔ, gake numekuku bubu si wowɔ va ɖee fia be ʋukula aɖe si fi ʋu tsɔ nɔ modzaka tsa ɖimee lae ƒoe. Edze abe gasɔdolaa ƒoƒo hã kpe ɖe eƒe \"dzidzɔkpɔkpɔa\" ŋu ene.\nNuvlowɔwɔ Ƒomevi Bubuwoea?\nƑe alafa geɖewoe nye sia si míele nuvlowɔwɔ teƒe kpɔm, gake esiwo ƒomevi ŋu míeƒo nu tsoe la wɔnɛ amewo doa ɣli be: \"Nukae le dzɔdzɔm? Aleke nusia tɔgbe ava ame ƒe susu me wòabe yeawɔ gɔ̃ hã?\" Togbɔ be nuvlowɔwɔ nyanyɛwo, abe fififi alo nufitifitiwɔwɔ ene, mahe ame geɖe ƒe susu o hã la, nuwɔna siwo tɔgbe hea nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe susu le dzidzim ɖe edzi vevie, eye wònaa amewo gblɔna be, 'Susu mele esia me o! Nukae le dzɔdzɔm ɖe xexe sia dzi?'\nNuvlowɔwɔ siawo ya gato vovo. Wonyea nuwɔna dziŋɔ siwo tsoa dzika ƒo zi geɖe. Abe alesi wòdze le esiwo ƒe kpɔɖeŋu míena mee ene la, ame maɖifɔ siwo menya hlɔ̃dolaawo gɔ̃ hã o ŋue wowɔnɛ ɖo zi geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, edzena zi geɖe be menye susu gobi aɖeke tae wowɔa ŋutasẽnu dziŋɔ siawo ɖo o. Nu manyatalenu siwo le dzɔdzɔm la mele xexlẽ me o.\nLe April 1999 me le Colorado, U.S.A. la, sukuvi 2 da tu wo hati 12 kple nufiala ɖeka woku eye emegbe wowu wo ɖokui le sukua me. Ŋutsu aɖe ku le California le ƒe 1982 me le atike aɖe si wòƒle no si menya be wode aɖi eme o ta. Le ƒe 1993 me la, ŋutsuvi ƒe ewo vi eve ble James Bulger, si nye ƒe eve vi aɖe nu kplɔe do goe le lãdzraƒe aɖe si dadaa le, le Bootle, Merseyside, England. Wokplɔe yi ketekemɔ aɖe dzi heƒoe kple kpo wòku.\nWoate ŋu ayɔ nuwɔna aɖewo ade ŋɔdzidonamelawo ƒe ŋɔdzidonuwɔna me, abe aɖitu si woda ɖe Tokyo tomeketekemɔ dzi le ƒe 1995 me ene. Dzidzi ƒo Japantɔwo esime vivimeha aɖe me nɔlawo da aɖiya ɖe Tokyo tomeketekemɔ aɖe dzi, hewu ame 12 eye ame akpe geɖe xɔ abi. Ame ʋɛ aɖewo koe aŋlɔ Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York ƒe gbagbã, kple Pentagon dzi dzedze le Washington, D.C., si me amesiwo ade 3,000 tsrɔ̃ le, kpakple bɔmb si woda le Bali, Indonesia, le ƒe si va yi me, si me ame 200 kloe ku le, la be.\nEɖe dzesi ƒã be ŋutasẽnu dziŋɔ siawo tɔgbe bɔ ɖe afisiafi kloe. Kuxia le xexeame katã hele nu gblẽm le dukɔ geɖe kple ameƒomevi geɖewo ŋu.\nLe nudzɔdzɔawo dometɔ aɖewo me la, ɖeko nàsusu be ho ʋlimee nuvlowɔlaawo le hele agbagba dzem be yewoakpɔ be amekae awɔ nuvlo si dzi ŋɔ wu hã. Gakpe ɖe eŋu la, nuvlowɔwɔ siwo tso fuléle gbɔ le dzidzim ɖe edzi vevie. Wowɔa ŋutasẽnu vloe siawo tɔgbe ɖe amesiwo ƒe \"agɔdzedze\" koe nye be woƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔ, alo gbegbɔgblɔ to vovo la ŋu—abe alesi wòdzɔ le ƒe 1994 me le Rwanda esime wowu Tutsitɔ siwo ade 800,000 la ene.\nEsiawo katã naa amewo biana be: 'Nukae le dzɔdzɔm? Alea koe nuwo nɔ xoxoxoa? Nuka gbɔe nu dziŋɔ manyatalenu siawo tso? Mɔkpɔkpɔ kae li be woaɖe nu vɔ̃ɖi siawo ƒe dzɔdz�� dzi akpɔtɔ alo aɖe wo ɖa kura?' Nyati siwo kplɔe ɖo aɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]\nZi geɖe ame maɖifɔwo ŋue wowɔa ŋutasẽnu dziŋɔwo ɖo, eye menye le susu gobii aɖeke ta hã o","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030708\/%C5%8Autas%E1%BA%BDnuw%C9%94w%C9%94-Dzi%C5%8B%C9%94wo-Nuka-Te%C6%92ee-Nye-Esi-Kp%C9%94m-M%C3%ADele\/","date":"2020-01-18T21:37:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593937.27\/warc\/CC-MAIN-20200118193018-20200118221018-00302.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998936832,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989368319511414}","num_words":759,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzidzenuwo Trɔ, Kakaɖedzi Megali O\nLe England-fia Henry I ŋɔli (tso ƒe 1100-1135) la, wobua dzidzeti abɔ ɖeka (yard) ƒe didime be \"etso Fiaa ƒe ŋɔti nu vaseɖe eƒe degblefetsu nu ne fia la mlo abɔ.\" Kakaɖedzi kae nɔ dzidzeti siwo Fia Henry teviwo zãna la ŋu? Edze abe fiagãa gbɔ koe woayi hafi aka ɖe nane ƒe dzidzeme ŋutɔŋutɔ dzi ene.\nEGBEA, dzidzenu siwo woɖo ɖi la koŋ dzie wonɔa te ɖo kpɔa nuwo ƒe dzidzeme. Eyata wodzidzea meta ɖeka ƒe didime be enye afisi kekeli ate ŋu aɖo ne eklẽ to afisi naneke kuraa mele o le sɛkɛnd ɖeka me memama ɖe akpa 299,792,458 me. Be didime sia nasɔ pɛpɛpɛ la, akaɖi tɔxɛ aɖe si ƒe keklẽŋusẽ woɖo ɖi koŋue wozãna. Ne mɔ̃ si wotsɔna wɔa dzidzetiawoe le amewo si la, ekema amewo ate ŋu anya ne woƒe nuwo ƒe didime ƒe dzidzeme sɔ kple amesiame tɔ le afisiafi.\nNe dzidzenu si woɖo ɖi le tɔtrɔm, eɖanye aleke ke tɔtrɔa le sue o, ate ŋu ahe ɖikeke vɛ, eyata wodzea agbagba geɖe be woakpɔ dzidzenu siwo woɖo ɖi la ta. Le kpɔɖeŋu me, le Britain la, nusi woɖo ɖi tsɔ dzidzea nuwo ƒe kpekpemee nye nudakpe si wotsɔ platinum kple iridium tsaka wɔe eƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Woda nudakpe sia ɖe Dukɔa ƒe Nuwo Dokpɔƒe. Ʋuwo kple amewo kpakple yameʋuwo ƒe ʋuʋudedi si wowɔna wɔnɛ be nudakpe sia kpena ɖe edzi gbesiagbe. Gake nudakpe sia nye esi wowɔ wòsɔ ɖe xexeame katã ƒe nudakpe si wode atukpa etɔ̃ me heɖi ɖe tome le Dukɔwo Dome Nudakpewo Kple Dzidzenuwo Nɔƒe si le Sèvres, France, la nu. Gake nudakpe sia gɔ̃ hã ƒe kpekpeme menɔa ɖeka o le ʋuʋudedi makpɔmakpɔ siwo ʋuʋuna ɖe edzi ta. Va ɖo fifia la, xexeame ƒe nudzidzelawo kple nudakpɔlawo mete ŋu to dzidzenu si ƒe kpekpeme matrɔ o la vɛ o.\nTogbɔ be edze abe tɔtrɔ suesuewo megblẽ nu boo aɖeke le ame akpa gãtɔ gbɔ o ene hã la, dzidzenuwo ƒe tɔtrɔ keŋkeŋ ate ŋu ahe tɔtɔ vɛ. Le Britain la, asiɖeɖe le Britaintɔwo ƒe nudakpe dzidzenuwo (pound kple ounce) ŋu ahazã meta ƒe nudakpe dzidzenuwo (kilogram kple gram) he makamakaɖeamedzi geɖe vɛ—le susu siwo sɔ ta. Esi amewo menya nudanu yeye siawo me o ta fiasetɔ baɖa aɖewo le woƒe asisiwo bam.\nƑome Kple Agbenyuinɔnɔ ƒe Dzidzenuwo\nKe ƒome kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le tɔtrɔm ya ɖe? Nusi tɔtrɔ siawo hena vɛ la ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Nyatakaka siwo le vavam le ŋkeke siawo me ku ɖe ƒomewo ƒe gbagbã, gbɔdɔdɔ ƒe agbebaɖanɔnɔ, kpakple ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu si bɔ ŋutɔ ŋu la wɔa mo yaa na ame geɖe eye woɖoa kpe edzi be míele ɣeyiɣi si me dzidzenuwo le to yim la me. Dzilaɖekɛƒomewo, vi siwo \"dzila\" siwo ƒe vidzinu nye ɖeka nyi, kple ɖevi siwo le dumegãwo ƒe dzikpɔkpɔ te la gbɔdɔdɔ sesẽe nye alesi amewo gbe wɔwɔ ɖe dzidzenuwo dzi la me tsonuwo. Ame gbogbo aɖewo va le 'ɖokuilɔ̃lawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu' zum, abe alesi Biblia gblɔe ɖi ƒe akpe eve aɖewoe nye sia va yi ene.—Timoteo II, 3:1-4.\nAgbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ƒe toyiyi do ƒome kple amesiwo dzi woka ɖo ƒe tagbɔsesẽnuwo wɔwɔ. Nyitsɔ laa la, alesi ɖɔktawo megava le wɔwɔm ɖe dɔdada ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi kura o la va dze le dziehe England du aɖe si ŋkɔe nye Hyde me, afisi dua me tɔwo ka ɖe woƒe ƒome ɖɔkta \"siwo ŋu wodea bubui vevie\" dzi le. Gake nublanuitɔe la, woƒe kakaɖedzia me va gblẽ. Aleke wòdzɔe? Nyatakaka siwo tso ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖee fia be ƒome ɖɔkta aɖe ɖoe koŋ wu nyɔnu 15 le dɔnɔ siwo gbɔ kpɔm wònɔ la dome. Le nyateƒe me la, ehiã be kpovitɔwo nagbugbɔ ame 130 kple edzivɔ siwo ku to ɖɔkta sia ƒe asime ƒe nyawo me aku. Alesi gbegbe ɖɔktaa ƒe nuwɔnaa wɔ nukui na amesiwo ka ɖe edzi la dze esime wobu fɔe hedee gaxɔ me. Woɖɔli dɔ na gaxɔdzikpɔla eve siwo dada ɖɔkta sia anya wu ale be womagakpɔ gamenɔla vloe sia dzi o. Mewɔ nuku be nyaa ŋu nyatakaka aɖe si dze le The Daily Telegraph me la yɔ ɖ��kta sia si wobu fɔe la be \"Ðɔkta 'vɔ̃ɖi'\" la o.\nLe alesi dzidzenuwo le tɔtrɔm hele gbegblẽm ɖe edzi le agbenɔnɔ ƒe akpa geɖewo mee ta la, ameka dzie nàte ŋu aka ɖo ŋutɔŋutɔ? Afikae míate ŋu akpɔ dzidzenu siwo metrɔna o, si amesi si ŋusẽ le be wòalé wo ɖe te la le megbena le? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010601\/Dzidzenuwo-Tr%C9%94-Kaka%C9%96edzi-Megali-O\/","date":"2020-01-19T02:40:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594101.10\/warc\/CC-MAIN-20200119010920-20200119034920-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989624023,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99896240234375}","num_words":758,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vɔ̃ɖiwɔwɔ Vu Tsyɔ Nyuiwɔwɔ Dzi\nLE XEXE si me míele egbea me la, edze abe ame ʋɛ aɖewo koe lɔ̃na be yewoatsɔ yewo ɖokui ana faa hena nane wɔwɔ ene. Gake ame aɖewo le didim vevie wu be \"yewoahe tɔtrɔ aɖewo vɛ\"—si nye didi be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ aɖe nu. Ƒe sia ƒe la, ame gbogbo aɖewo naa dɔlar biliɔn geɖe be woatsɔ awɔ nusi woawo ŋutɔ bu be enye nyuiwɔwɔ lae. Le kpɔɖeŋu me, le Britain la, ga siwo amewo dzɔ le ƒe 2002 me be woatsɔ akpe ɖe amesiwo dzi nɔnɔmeawo mede o ŋu la de United States ƒe dɔlar biliɔn 13. Tso ƒe 1999 dzi la, dɔmenyola ewo aɖewo do ŋugbe be yewoadzɔ United States ƒe dɔlar biliɔn 38 kple edzivɔ bene woatsɔ akpe ɖe amesiwo hiã tu la ŋu.\nKpekpeɖeŋu nyui siwo dɔmenyowɔlawo na la dometɔ aɖewoe nye ƒome dahewo ƒe kɔdzifewo xexe ɖe wo nu, aɖaŋudɔ aɖe fiafia dzilaɖekɛwo ƒe viwo, ɖoɖowɔwɔ kple fexexe ɖe abi dodo na amewo le dukɔ madeŋgɔwo me be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔléle nu ta, agbalẽ nana ɖeviwo be woaxlẽ, lãhawo nana lãnyila siwo le dukɔ dahewo me be woanyi, kple nusiwo amesiwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo hiã la nana wo.\nNya siwo katã míegblɔ va yi la le fiafiam be ŋutete le amegbetɔwo si be woawɔ nyui na ame bubuwo. Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo hã li siwo wɔa vɔ̃ siwo mele gbɔgblɔ me o la ɖe wo nɔviwo ŋu.\nVɔ̃wɔwɔ le Dzi Yim\nTso esime Xexemeʋa II wu enu la, wowɔ ameƒomevi alo dukɔ aɖe tsɔtsrɔ̃ ɖa kura kple ame gbogbo aɖewo tsɔtsrɔ̃ le dunyahenyawo ta ŋuti nuŋlɔɖi vovovo siwo ade 50 kloe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye American Political Science Review gblɔ be: \"Nudzɔdzɔ siawo na be asrafo miliɔn 12 ya teti ku eye dumevi miliɔn 22 hã bu woƒe agbe, si nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu amesiwo katã ku le dukɔmeviʋa kple dukɔwo dome ʋa siwo wowɔ tso ƒe 1945 me.\"\nLe ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, wowu ame 2,200,000 le dunyahehe me nuwɔnawo me le Cambodia. Gbevovodolawo dome fuléle wɔe be wowu ame 800,000 siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo le Rwanda. Subɔsubɔ kple dunyahehe me nyahehewo wɔe be wowu amesiwo ƒe xexlẽme wu 200,000 le Bosnia.\nEsi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã nɔ nu ƒom tso vɔ̃ siwo wole wɔwɔm le egbeŋkekeawo me ŋu la, egblɔ le ƒe 2004 me be: \"Míede dzesii le Iraq be wowua dumeviwo ŋutasesẽtɔe, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woléa amesiwo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ, nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple dumevi bubuwo akpasesẽtɔe eye wowua wo le mɔ dziŋɔ tsodzikaƒoname si mele gbɔgblɔ me o nu. Ɣeyiɣi sia hã mee míekpɔe be wole funyafunya manyagblɔ wɔm gamenɔla siwo le Iraq. Le Darfur la, míekpɔe be wonya ame gbogbo aɖewo de gbe, hegbã woƒe aƒewo, eye wodɔa amewo gbɔ sesẽe hã. Le dziehe Uganda la, míekpɔe be wolãa ɖeviwo ƒe abɔwo kple atawo eye wozia wo dzi be woakpɔ gome le nuwɔna siwo me ŋutasesẽ, si mele gbɔgblɔ me o, le la me. Le Beslan la, míekpɔe be wolé ɖeviwo akpasesẽe eye wowu wo nublanuimakpɔmakpɔe.\"\nLe dukɔ siwo me wobe ŋgɔyiyi kple ŋkuʋuʋu le gɔ̃ hã me la, gbevovovodolawo dome kple dunyahehe me fulélewo le agbogbo dom ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Independent News ka nya ta le ƒe 2004 me be, le Britain la, \"gbevovovodolawo ƒe anyranuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu dzi ɖe edzi zi gbɔ zi wuiɖekɛ le ƒe ewo siwo va yi me.\"\nNukatae amegbetɔ siwo si nyuiwɔwɔ ƒe ŋutete geɖe le la wɔa nu vɔ̃ɖi mawo tɔgbe ɖo? Ðe míava vo tso vɔ̃ɖinyenye si me gbaɖegbea? Abe alesi nyati si kplɔe ɖo ɖe eme ene la, Biblia ɖo biabia siawo siwo tɔtɔa ame la ŋu wo me kɔ nyuie.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nAKPAA DZI: Mark Edwards\/Still Pictures\/Peter Arnold, Inc.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060101\/V%C9%94%CC%83%C9%96iw%C9%94w%C9%94-Vu-Tsy%C9%94-Nyuiw%C9%94w%C9%94-Dzi\/","date":"2020-02-25T22:35:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146160.21\/warc\/CC-MAIN-20200225202625-20200225232625-00118.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992049336,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992049336433411}","num_words":630,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ebola dɔlele\nEbola dɔlele nye dɔlele vɔɖi aɖe si le na amegbetɔ kple laãwo sia. Dɔlele sia le na ame to ebola dɔlekui me. Dzesiwo dze na egɔme le ŋkeke evelia se ɖe kɔsiɖa etɔlia me, ne nye be dɔlekui sia le wo. Dzesi aɖewoe nye feva, veto me ƒe ƒɔƒlɔ, lameka vea me kple taduame. Nuɖeɖe, asraɖɔ kple aƒɔdzi dede trololo kplɔ na esia wo ɖo. Kpeɖe esia wo ŋue nye ame ƒe ayikuwo kple dzitodzito ƒe dɔwɔna didina. Le gaƒoƒo sia me la ʋu ateŋu adze dza le ame ƒe lame alo ŋuti.\nWo ate ŋu axɔ dɔlele sia to ame ŋutsi kakã alo ŋutsi tsi tso lãa si dɔlelea le. Wo mekpɔ ŋlɔ naneke kuɖee dɔlele sia ƒe kaka to yaa me o. Wo xɔese be agutɔ siwo ɖuna atikutsetse tsɔ na eye mana dɔlele sia ƒe dɔlekui gake me le na woŋutɔ o. Ne nye be amegbetɔ aɖe le dɔ si la, ateŋu ale ame bubuwo hã. Ŋutsu siwo yɔ dɔ sia na la, ateŋu amae na amebubuwo to gbɔdɔdɔ me abe dziŋu eve ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Ebola_d%C9%94lele","date":"2020-02-28T16:02:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875147234.52\/warc\/CC-MAIN-20200228135132-20200228165132-00468.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989134073,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":28,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989134073257446}","num_words":179,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nNu Si Tae David Mevɔ̃na O\nVƆVƆ̃ ɖo wò kpɔa?— * Vɔvɔ̃ ɖoa mía dometɔ geɖe ɣeaɖewoɣi. Ne vɔvɔ̃ ɖo wò la, nu kae nàte ŋu awɔ?— Àte ŋu ayi ɖe ame aɖe si tsi wu wò hesesẽ wu wò la gbɔ. Ðewohĩ fofowò alo dawò ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso David gbɔ le ame si gbɔ wòle be míadi kpekpeɖeŋu tsoe la ŋu. Edzi ha na Mawu be: \"Meɖoa ŋu ɖe ŋuwò. . . . Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o.\"—Psalmo 56:4, 5.\nAme ka gbɔe nèsusu be David srɔ̃e le be mele be yeanɔ vɔvɔ̃m o? Edzilawo gbɔ yea?— Ðikeke mele eme o be esrɔ̃e tso wo gbɔ. Fofoa Isai nye Yesu Kristo, ame si Mawu do ŋugbe be anye \"Ŋutifafafia\" la, tɔgbui wɔnuteƒe. (Yesaya 9:5; 11:1-3, 10) Isai fofo ye nye Obed, ame si nye David tɔgbui. Wotsɔ Obed dada ƒe ŋkɔ na Biblia gbalẽawo dometɔ ɖeka. Eŋkɔ ɖe?— Eyae nye Rut, nyɔnu wɔnuteƒe aɖe si srɔ̃e nye Boaz.—Rut 4:21, 22.\nRut kple Boaz siaa ku xoxoxo hafi wova dzi David. Ðewohĩ ènya Boaz dada, si nye David ƒe mamamama ƒe ŋkɔ. Enɔ Yerixo eye wòkpɔ Israel ŋkutsala aɖewo ta be womewu wo o. Esime womu Yerixo ƒe gliwo ƒu anyi la, wokpɔ woa kple eƒe ƒometɔwo ta le esi wòtsɔ ka dzĩ aɖe ku ɖe eƒe fesre nu ta. Eŋkɔ ɖe?— Eŋkɔe nye Raxab, ame si va zu Yehowa subɔla, eye wònye dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃.—Yosua 2:1-21; 6:22-25; Hebritɔwo 11:30, 31.\nMíate ŋu aka ɖe edzi be David fofo kple dadaa siaa fia nui tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe mawo katã ŋu, elabena wode se na dzilawo be woafia nu mawo tɔgbi wo viwo. (5 Mose 6:4-9) Ɣeaɖeɣi la, Mawu dɔ nyagblɔɖila Samuel be wòayi aɖatia David, si nye Isai ƒe viŋutsu ɖevitɔ la, be wòava zu fia ɖe Israel dzi.—1 Samuel 16:4-13.\nGbe ɖeka la, Isai dɔ David be wòatsɔ nuɖuɖu ayi na foa etɔ̃ siwo nɔ aʋa wɔm kple Filistitɔ siwo nye Mawu ƒe futɔwo la. Esime David va ɖo la, eƒu du yi ɖe aʋakpeƒea, eye wòse Goliat wònɔ fewu ɖum le \"Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo\" ŋu. Esi Goliat tɔ gbe Israel viwo be woava wɔ aʋa kple ye la, wo dometɔ aɖeke meke atse yi o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m. Esi Fia Saul see be David di be yeayi la, eyɔe va eɖokui gbɔ. Gake esi Saul kpɔ David la, egblɔ nɛ be: \"Ðevi nènye.\"\nDavid gblɔ na Saul be yewu dzata aɖe kple sisiblisi aɖe siwo di be yewoalé yewoƒe ƒomea ƒe alẽwo kpɔ. David gblɔ be ava eme na Goliat abe lã siawo \"dometɔ ɖeka ene.\" Saul ɖo eŋu nɛ be: \"Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!\" David di kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃, tsɔ wo de eƒe akplo me, eye wòtsɔ eƒe akafo heyi aʋa wɔ ge kple ŋutsu dzɔtsu la. Esi Goliat kpɔ be ŋutsuvi dzaa mae gbɔna la, edo ɣli be: \"Va gbɔnye, ne matsɔ wò lã na dziƒoxewo!\" David ɖo eŋu be, \"megbɔna gbɔwò le Yehowa . . . ƒe ŋkɔ me.\" Eye David do ɣli gblɔ kpee be, \"mawu wò.\"\nEnumake David lũ ɖe Goliat dzi, eɖe kpe ɖeka le eƒe akploa me tsɔ de akafoa me, eye wòdae wòyi ɖaŋɔ Goliat ƒe ŋgonu. Esi Filistitɔwo kpɔ be Goliat ŋutsu dzɔtsu la ku la, vɔvɔ̃ ɖo wo, tete wosi. Israel viwo ti wo yome, eye woɖu aʋa la dzi. Taflatsɛ mia kple wò ƒomea mixlẽ ŋutinya bliboa le 1 Samuel 17:12-54 ɖekae.\nAbe sɔhɛ ene la, ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be nànɔ vɔvɔ̃m na Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ. Ðekakpui dzaa aɖe koe Yeremiya nye esime Mawu dɔe, eye le gɔmedzedzea me la, enɔ vɔvɔ̃m. Gake Mawu gblɔ nɛ be: \"Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò.\" Esia na dzi ɖo Yeremiya ƒo, eye wòyi ɖagblɔ Mawu ƒe gbedeasia abe ale si Mawu bia tso esi ene. Abe David kple Yeremiya ene la, ne èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, wò hã àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ be mànɔ vɔvɔ̃m o.—Yeremiya 1:6-8.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo tɔgbi aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.\nNyabiasewo:\n○ Esime Goliat tɔ gbe Mawu ƒe aʋakɔa la, nu kae David wɔ?\n○ Aleke David wɔ ɖu Goliat dzi?\n○ Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ vɔvɔ̃m o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20081201\/Nu-Si-Tae-David-Mev%C9%94%CC%83na-O\/","date":"2020-02-18T01:11:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875143455.25\/warc\/CC-MAIN-20200217235417-20200218025417-00034.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979749918,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979749917984009}","num_words":719,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe Takpekpe Tɔxɛwo\nLe blema la, ƒe sia ƒe zãwo kple takpekpe bubu siwo me Mawu subɔlawo kpɔa gome le la nyea dzidzɔɣeyiɣi siwo doa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.—2 Mose 23:15, 16; Nehemiya 8:9-18.\nEgbea la, takpekpe gã siwo Yehowa Ðasefowo wɔna ƒe sia ƒe, siwo me wodea ha kple wo nɔvi Kristotɔwo le la, nana dzo yeye gaɖoa wo me hedea dzi ƒo na wo be woayi edzi asubɔ Mawu. Dukɔwo dome takpekpe kple takpekpe tɔxɛ siwo wowɔna le dukɔ geɖe me la nyea mɔnukpɔkpɔ na wo be woaɖi ɖase, be woana amewo nanyae be woƒe habɔbɔa me tɔwo le xexea ƒe akpa vovovowo, eye woaɖɔ ale si xexe yeyea me nɔnɔ avivii la kpɔ.\nEnye dzidzɔ na mí be míana nànya du siwo me míawɔ takpekpe siawo le.\n2020\nCzech Republic (Répubique tchèque)\nPrague\nDominican Republic (Répubique dominicaine)\nSanto Domingo\nFinland\nHelsinki\nNicaragua\nManagua\nNigeria\nAbuja\nParaguay\nAsunción (Assomption)\nSwitzerland (Suisse)\nZurich\nTogo\nLomé","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-16","url":"https:\/\/www.jwevent.org\/?lang=ee","date":"2020-04-08T17:45:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-16\/segments\/1585371821680.80\/warc\/CC-MAIN-20200408170717-20200408201217-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980145097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998014509677887}","num_words":153,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke wodzɔa nu le gbedoxɔa me le Yesu ƒe ɣeyiɣia me?\nGbedoxɔa ƒe akpa si nye Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu lae nudzɔɖakawo nɔna. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso gbedoxɔ me subɔsubɔdɔwɔwɔ ŋu la gblɔ be: \"Nudzɔɖaka, alo 'kpẽ' wuietɔ̃, siwo me wodzɔa ga ɖo la nɔa xɔxɔnua le akpata la me, le gliawo ŋu keŋ.\"—The Temple—Its Ministry and Services.\nWoyɔa nudzɔɖakawo be kpẽwo, elabena woƒe nugbɔ le biie eye wokeke le agɔmegbɔ. Nudzɔɖaka ɖe sia ɖe kple nu si woazã ga si wodzɔ ɖe eme la na, eye wode dzesi nudzɔɖakaawo nenema wotɔwotɔwoe. Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu lae Yesu nɔ esime wòkpɔ ame geɖewo wonɔ nu dzɔm eye ahosi dahe aɖe hã va dzɔ nu.—Luka 21:1, 2.\nWoɖo nudzɔɖaka eve ɖi na adzɔ si woxena ɖe gbedoxɔa ta—ɖeka nye ƒe si va yi tɔ eye evelia nye ƒe si me wole tɔ. Wozãa ga si wodana ɖe nudzɔɖaka 3 lia me la na akpakpawo, 4 lia na ahɔnɛwo, 5 lia na nake, 6 lia na lifi, eye 7 lia na sikagbawo. Ne ame si le vɔa sa ge la dzra ga ɖo wòsɔ gbɔ wu ga home si woɖo ɖi na vɔsanu mawo la, ekema atsɔ ga si kpɔtɔ la ade nudzɔɖaka susɔeawo dometɔ ɖeka me. Wodaa ga si tsiaa anyi tso nuvɔ̃vɔsawo ƒe gazazãwo me la ɖe nudzɔɖaka 8 lia me. Wotsɔa ga siwo tsiaa anyi tso fɔɖivɔsawo, xewo ƒe vɔsawo, vɔ siwo Nasiretɔwo sana kple vɔ siwo anyidzelawo sana me la dea nudzɔɖaka 9 lia, 10 lia, 11 lia kple 12 lia me le ɖoɖo ma nu. Lɔl��̃nu faa nudzɔdzɔwoe wodana ɖe nudzɔɖaka 13 lia me.\nÐe Biblia ŋlɔla Luka nye ŋutinyaŋlɔla si ƒe nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛa?\nLuka ye ŋlɔ Nyanyuigbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la kpakple Apostolowo Ƒe Dɔwɔwɔwo siaa. Luka gblɔ be \"[yeku] nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.\" Gake agbalẽnyala aɖewo tsɔ nya ɖe eƒe nuŋlɔɖiawo ŋu. (Luka 1:3) Ke biabia lae nye be, ɖe eƒe nuŋlɔɖiawo de pɛpɛpɛ vavã?\nNya siwo Luka ŋlɔ la sɔ ɖe ŋutinya nu eye woate ŋu aɖo kpe wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le gbe si me wòŋlɔ eƒe agbalẽawo ɖo me la, ezã dzesideŋkɔ vovovo siwo woyɔna na Roma dziɖuɖumegãwo wosɔ ɖe ale si Romatɔwo yɔa woe nu pɛpɛpɛ, evɔ ŋkɔ mawo mebɔ o. Egbea, woyɔa ame mawo be dumegãwo, le Tesalonika; woyɔa wo be azãwo kple hoʋiʋliwo dzi kpɔlawo, le Efeso, kple bubuawo. (Dɔwɔwɔwo 16:20; 17:6; 19:31) Luka yɔ Herodes Antipa be nutodziɖula, eye wòyɔ Sergio Paulo be Kipro ƒe nutogãdziɖula.—Dɔwɔwɔwo 13:1, 7; 28:7.\nAle si Luka zã dzesideŋkɔ siawo ɖe eteƒe la ɖe dzesi, elabena ne nuto aɖe si le Roma dziɖuɖua te la ƒe ɖoƒe trɔ la, edziɖula hã ƒe dzesideŋkɔ trɔna. Ke hã Biblia ŋuti nunyala Bruce Metzger gblɔ be, \"ŋkɔ siwo woyɔna na wo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la sɔna ɖe ale si woyɔa nuto mawo dzi ɖulawo le ɣeyiɣi mawo me la nu pɛpɛpɛ.\" Agbalẽnyala William Ramsay ɖɔ Luka be enye \"ŋutinyaŋlɔla si de ŋgɔ ŋutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140101\/%C3%A8nyaa\/","date":"2020-05-29T04:30:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347401260.16\/warc\/CC-MAIN-20200529023731-20200529053731-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990803599,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990803599357605}","num_words":476,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mose nɔ Midian-nyigba dzi ƒe 40. Eɖe srɔ̃ eye wòdzi viwo. Gbe ɖeka esi wònɔ eƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si te ɖe Sinai Toa ŋu la, ekpɔ nu wɔnuku aɖe. Ŋuve aɖe nɔ bibim gake menɔ fiafiãm o! Esi Mose te ɖe eŋu be yeakpɔe ɖa la, ese gbe aɖe tso ŋuvea me be: 'Mose! Mègate va afi sia o. Ðe wò afɔkpawo, elabena afi si nètɔ ɖo la, teƒe kɔkɔe wònye.' Yehowae nɔ nu ƒom to mawudɔla aɖe dzi.\nVɔvɔ̃ ɖo Mose, eya ta etsyɔ nu ŋkume. Gbe si wòse la gblɔ nɛ be: 'Mekpɔ fu siwo kpem Israel-viwo le. Maɖe wo tso Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo ayi anyigba nyui aɖe dzi. Wòe akplɔ nye amewo adzoe le Egipte.' Mèkpɔe be nya sia awɔ nuku na Mose oa?\nMose bia be: 'Ne ameawo biam be ame kae dɔ wò hã la, nya kae magblɔ?' Mawu ɖo eŋu be: 'Gblɔ na wo be Yehowa, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu ye dɔm.' Eye Mose gabia be: 'Ke ne ameawo meɖo tom o ɖe?' Yehowa na nu si aɖo kpe edzi na Mose be yeakpe ɖe eŋu lae. Egblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ aƒu gbe ɖe anyigba. Ale atikplɔ la trɔ zu da! Esi Mose lé da la ƒe asike la, egatrɔ zu atikplɔ ake. Yehowa gblɔ nɛ be: 'Ne èwɔ nukunu sia la, aɖo kpe edzi be nyee dɔ wò.'\nMose gblɔ be: 'Nu menya ƒona nam o.' Yehowa gblɔ nɛ be: 'Magblɔ nya si nàgblɔ la na wò, eye mana nɔviwò Aron nakpe ɖe ŋuwò.' Esi Mose kpɔe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu la, ekplɔ srɔ̃a kple viaŋutsu eveawo eye woɖo ta Egipte.\n\"Migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me.\"—Mateo 10:19","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/mose-ave-bibim\/","date":"2020-06-06T15:39:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348513321.91\/warc\/CC-MAIN-20200606124655-20200606154655-00129.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999181509,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991815090179443}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2001 Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuia—Nukae Wònye? Àte Ŋu Axɔ Fiaɖuƒea ƒe Yayrawo India—\"Ðekawɔwɔ le Nɔnɔme Vovovowo Me\" 'Yehowa Ƒe Nya La Keke Ta' Kristotɔnyenye Vavãtɔ Ðu Dzi! Ðe Wòwɔna na Wò be Womesea Nu Gɔme na Ye Oa? Míewɔ Nu Ðekae Toɖoɖo—Nu Vevi si Woasrɔ̃ le Ðevimee Wònyea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010401\/","date":"2020-06-05T13:15:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348500712.83\/warc\/CC-MAIN-20200605111910-20200605141910-00091.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990879297,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999087929725647}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1953\nDUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA\nAME SI WÒNYE TSÃ: AMAMAÐEÐENUWƆNAWO KPƆKPƆ ZU NUMAME NƐ\nNYE ŊUTINYA:\nFofonye ʋu tso Germany yi Australia le ƒe 1949 me. Eyi be yeadi dɔ le tomenukuƒewo kple elektrikŋusẽdɔwɔƒewo, eye wòɖanɔ kɔƒenuto si nye Victoria me. Afi mae wòle hafi ɖe danye eye wodzim le ƒe 1953 me.\nƑe ʋɛ aɖewo ko megbe la, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple danye, eya ta meɖoa ŋku Biblia me nufiafia siwo mese le nye ɖevime ke la dzi. Ke hã fofonye ya tsri mawusubɔsubɔnyawo keŋkeŋ. Eva zu adãwɔla si ŋu ŋɔdzi nɔ, eye danye vɔ̃nɛ ŋutɔ. Danye yi edzi nɔ Biblia srɔ̃m le adzame eye Biblia me nufiafiawo lé dzi nɛ. Ne Papa do go la, Dada ƒoa nu tso nu siwo wòsrɔ̃ ŋu la na nye kple nɔvinyenyɔnua. Eƒo nu tso ale si anyigba ava zu paradiso le etsɔme kple ale si míakpɔ dzidzɔ ne míenɔ agbe wòsɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu ŋu na mí.—Psalmo 37:10, 29; Yesaya 48:17.\nEsi mexɔ ƒe 18 la, Papa ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo na meʋu le aƒea me. Togbɔ be mexɔ nu siwo Dada fiam tso Biblia me dzi se hã la, nyemekpɔ woƒe vevienyenye dze sii o. Eya ta nyemenɔ agbe ɖe wo nu o. Meva zu elektrikdɔwɔla le afi si wokua tomeka le. Esi mexɔ ƒe 20 la, meɖe srɔ̃. Le ƒe etɔ̃ megbe la, míedzi mía vinyɔnu gbãtɔ, eye megagbugbɔ de ŋugble le nu si wòle be wòanɔ vevie nam le agbe me ŋu. Menyae be Biblia ate ŋu akpe ɖe nye ƒomea ŋu, eya ta mena Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Gake srɔ̃nye melɔ̃ Ðasefowo ƒe nya kura o. Esi mede Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe la, srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemedzudzɔ Biblia-sɔsrɔ̃ o la, ke ɖeko míaklã. Esi wòva glom la, mewɔ eƒe didia dzi nɛ hetso kadodo me kple Ðasefoawo. Eva vem emegbe be nyemete ŋu wɔ nu si menya be eyae nye nyuitɔ la o.\nGbe ɖeka, nye dɔwɔhatiwo tsɔ amamaɖeɖenuwɔna aɖewo fiam. Ekpɔkpɔ do dzidzɔ nam gake egana nye lãme ble fu hã, eye nye dzitsinya bu fɔm vevie ŋutɔ. Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me va yi la na mexɔe se be Mawu ahe to nam. Gake esi meyi edzi le nu mawo kpɔm geɖe wu la, wo kpɔkpɔ megaɖea fu na nye dzitsinya o. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu numame nam mlɔeba.\nLe ƒe 20 siwo kplɔe ɖo me la, ɖeko meva nɔ tetem ɖa xaa tso nu nyui siwo danye fiam va yi la gbɔ. Nu siwo ƒãm menɔ ɖe susu me la va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe nye nuwɔnawo dzi. Megblɔa nya ƒaƒãwo hetsɔa gbegblẽnyawo ka ahatsee. Susu nyuitɔ meganɔ asinye ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu o. Togbɔ be nye kple srɔ̃nye míegali hã la, meganɔ nyɔnu bubuwo gbɔ dem. Gbe ɖeka, mekpɔ ahuhɔ̃e me hegblɔ na ɖokuinye be, 'Melé fu wò.' Meva nyɔ ŋu ɖokuinye le esi teƒe be made bubu ɖokuinye ŋu.\nNye srɔ̃ɖeɖea me va gblẽ eye metɔtɔ le agbe me ŋutɔ. Medo gbe ɖa na Yehowa tso dzi blibo me. Megadze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme ake togbɔ be ƒe blaeve sɔŋ va yi tso esime medzudzɔ hã. Kaka ɣemaɣi naɖo la, fofonye ku xoxo eye danye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nVovototo gã aɖe va nɔ nye agbenɔnɔ kple mɔ nyuitɔ si nu Biblia fia mí be míanɔ agbe le la dome. Gake fifia ya meɖoe kplikpaa be makpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi si ƒe ŋugbe Biblia do la. Medze agbagba vevie be madzudzɔ nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ eye madzudzɔ dzikudodo kabakaba. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, medzudzɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ, tsatsadada, aha tsu nono kple nye dɔtɔ fifi.\nNye dɔwɔhatiwo mese nu si tae medi be matrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ azɔ la gɔme o. Wodze agbagba ƒe etɔ̃ sɔŋ be yewoana magatrɔ ɖe agbe si menɔ tsã la ŋu ake. Ne meda ƒu vie, le kpɔɖeŋu me, ne medo dɔmedzoe alo gblɔ nya madzeto aɖe la, wodoa dzidzɔɣli gblɔna be: \"Aha! Joe si míenya la trɔ gbɔ.\" Nya mawo veam ŋutɔ! Ewɔna nam enuenu be medo kpo nu.\nKɔmpiuta dzi amamaɖeɖenuwɔnawo kple agbalẽ me tɔwo siaa bɔ ɖe nye dɔwɔƒea ŋutɔ. Nye dɔwɔhatiwo ɖoa nu ƒaƒã mawo ɖe wo nɔewo to kɔmpiuta dzi edziedzi, abe ale si nye hã menɔ ewɔm tsã ene. Menɔ agbagba dzem be maɖe asi le nye numamea ŋu, gake woawo hã woɖoe kplikpaa be yewoade afɔ atame nam. Meɖe nyaa dzi na ame si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la be wòakpe ɖe ŋunye ahade dzi ƒo nam. Exɔ dzigbɔɖi ɖo tom esime menɔ nye dzimenyawo gblɔm nɛ. Ezã mawunyakpukpui siwo ku ɖe nye kuxia ŋu tsɔ fia ale si mawɔ aɖu ɖokuinye dzi lam, eye wòde dzi ƒo nam be manɔ gbe dom ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe be wòakpe ɖe ŋunye.—Psalmo 119:37.\nGbe ɖeka, meyɔ nye dɔwɔhatiwo míekpe ta. Esi wova ƒo ƒu la, megblɔ na wo be woana biya ŋutsuawo dometɔ eve siwo ʋu eme be aha tsu nono zu numame na yewo tsã la. Wo katã woxɔ edzi be: \"Aleke wɔ nàgblɔ nya ma? Ŋutsu siawo le agbagba dzem be yewoaɖu nu si zu numame na wo la dzi!\" Eya ta megblɔ na wo be: \"Avu ma ke wɔm nye hã mele.\" Tso gbe ma gbe dzi koa, wose egɔme nam be avu blibo wɔm mele be maɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe numamea dzi, eye womegaƒonɛ ɖe nunye be magatrɔ ɖe nye agbenɔnɔ tsãtɔa ŋu o.\nMlɔeba le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, medzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Le ƒe 1999 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo, eye meda akpe na Mawu be wògana mɔnukpɔkpɔm be manɔ agbe dzadzɛ ahakpɔ dzidzɔ le agbe me.\nFifia meva se nu si tae Yehowa lé fu nu siwo me meƒo ɖokuinye ɖo vĩi ɣeyiɣi didi ma gbegbe ɖo la gɔme. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, edi be yeakpɔ tanye tso nu siwo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ame ŋu la si me. Lododowo 3:5, 6 me nyawo le eteƒe vavã! Afi ma gblɔ be: \"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.\" Menye ɖeko Biblia me mɔfiamewo kpɔ tanye ko evɔ o, ke wona mekpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ hã.—Psalmo 1:1-3.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nTsã la, menyɔa ŋu ɖokuinye, gake fifia ya mesena le ɖokuinye me be bubu le ŋunye eye nye dzi dze eme. Mele agbe dzadzɛ nɔm, eye mekpɔe be Yehowa tsɔ nye nu vɔ̃wo kem eye wòle kpekpem ɖe ŋunye. Le ƒe 2000 me la, meɖe Karolin, si nye Kristotɔ dzetugbe aɖe si lɔ̃ Yehowa abe ale si nye hã melɔ̃ Yehowa ene. Míeli ɖekae le ŋutifafa me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míele xexea me godoo ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ dzadzɛ si me tɔwo lɔ̃ wo nɔewo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no4-2016-july\/medo-kpo-nu-zi-ge%C9%96e-dzidzedze\/","date":"2020-05-30T15:07:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347409337.38\/warc\/CC-MAIN-20200530133926-20200530163926-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991034269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991034269332886}","num_words":1130,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae mawumenunya xɔ asi nenema gbegbe? Elabena eɖea ame siwo si wòsu la tso mɔ vɔ̃wo dzi eye wòxɔa wo ɖe agbe. Ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe woƒe nɔnɔme, nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi.\nNunya kpɔa ame ta tso dada si me\nNunyala dea dzesii be Yehowa gbɔe nunya ɖe sia ɖe dzɔ tso\nEle be ame siwo nu dzea edzi na alo ame siwo xɔa agbanɔamedzi geɖe la nakpɔ nyuie be woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi alo ada o\nNunyala ƒe nyawo dzea to\nNunyala kpɔa nu yia ŋgɔ ale be wòkpɔa amewo ƒe nyuiƒewo heƒoa nu nyui tsoa wo ŋu\nNunyala medaa gbe ɖe ame gbɔ o eye eƒe nyawo metɔa ame o, ke boŋ eƒe nyawo vivina abe anyitsi ene eye woxɔa eƒe nyawo dzi sena","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct17-23\/nunya-nyo-wu-sika\/","date":"2020-06-05T13:41:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348500712.83\/warc\/CC-MAIN-20200605111910-20200605141910-00559.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993163347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993163347244263}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nVenezuela\nTestigos de Jehová de Venezuela\nApartado 20.364\nCARACAS DC 1020A\nVENEZUELA\n+58 244-400-5000\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/venezuela\/","date":"2020-06-02T22:14:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347426801.75\/warc\/CC-MAIN-20200602193431-20200602223431-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987156391,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987156391143799}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 25, 2017 va se ɖe January 28, 2018 la le tata sia me.\nNe ekpea ŋu na wò be nàdzi ha kple hamea la, aleke nàwɔ aɖu kuxi sia dzi ahakɔ gbe dzi adzi kafukafuha na Yehowa?\nSitsoƒeduwo ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le blema Israel la fiaa nu mí tso ale si Mawu tsɔa nu vɔ̃ kenae ŋu.\nAleke sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fiae? Nu kae wofia mí tso ale si wòbua agbee ŋu? Aleke woɖe eƒe dzɔdzɔenyenye si de blibo la fiae?\nÀte ŋu azã wò ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi bubuwo atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu.\nEle be mí katã míanɔ ŋudzɔ be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Xlẽ nu tso xexea ƒe nuŋububu ƒe kpɔɖeŋu atɔ̃ aɖewo ŋu.\nEsi apostolo Paulo ɖo ŋku mɔkpɔkpɔ nyui si le ehati Kristotɔwo si dzi na wo vɔ la, exlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe tso nya bubuwo hã ŋu.\nNe hame yeye mee nèva le la, ɖewohĩ màvo le ɖokuiwò me tututu o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2017\/","date":"2020-05-29T14:07:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347404857.23\/warc\/CC-MAIN-20200529121120-20200529151120-00399.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982957244,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982957243919373}","num_words":185,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àbia ɖokuiwò be, \"Ðe manyo be nye hã mawɔe oa?\" \"Ðe ame sia ame mele ewɔm oa?\"\nTɔ sẽe nàbu eŋu kpɔ!\nNyateƒenya: Menye ame sia amee le ewɔm o.\nÐewohĩ èxlẽe le afi aɖe kpɔ be ahiãvi le sɔhɛ geɖewo si fifia. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le Amerika ɖee fia be sɔhɛ 2 le 3 ɖe sia ɖe me dzea ahiã hedɔna hafi wua sekɛndrisuku (lycée) nu. Gake esia fia hã be ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me ya medzea ahiã o; ne èbu eŋu kpɔ la, ame gbogbo aɖee nye ema!\nKe ame siwo kpɔa gome le eme ya ɖe? Numekuku ɖee fia be nu siwo gbɔna la dometɔ aɖe va dzɔna ɖe sɔhɛ siwo dze ahiã hedɔ la dzi godoo.\nWoxaa nu. Sɔhɛ siwo meɖe wo nɔewo o gake dɔ la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ emegbe be nu si yewowɔ la va ve yewo vevie.\nWomegakana ɖe wo nɔewo dzi o. Ne wodɔ vɔ la, ame eveawo dometɔ ɖe sia ɖe va nɔa eɖokui biam be: 'Ame bubu ka gbɔe wògadɔ?'\nWotɔtɔna. Nyɔnuviwo dina be yewoadze ahiã ŋutsu si alé be na yewo, ke menye esi azã yewo vɔ ko aɖe asi le yewo ŋu o. Ŋutsuvi geɖewo megava lɔ̃a nyɔnuvi siwo ɖe mɔ wodɔ kpli wo la ƒe nya gbɔ o.\nNya vevitɔ: Wò ŋutilã xɔ asi ŋutɔ eya ta mègatsɔe da kaɖigbegbe o. Ðee fia be yeléa dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi to ale si nàwɔ ɖe se si Mawu de ku ɖe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi me. Ekema ne èva ɖe srɔ̃ emegbe la, àte ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me faa. Àse vivi nɛ bliboe. Àvo tso dzimaɖitsitsi, nuxaxa kple dediemanɔmanɔ siwo nye gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me tsonuwo me.—Lododowo 7:22, 23; 1 Korintotɔwo 7:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/wo%C6%92on%C9%9B-%C9%96e-nunye-gb%C9%94d%C9%94d%C9%94\/","date":"2020-06-02T18:47:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347425481.58\/warc\/CC-MAIN-20200602162157-20200602192157-00281.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986101985,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986101984977722}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAWU ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tso nɔnɔme nyui asieke siwo sua ame si to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me ŋu. (Gal. 5:22, 23) Eyɔ nɔnɔme nyui dzeameŋu asieke siawo be \"gbɔgbɔ la ƒe kutsetse.\" * Gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖea dzesi le \"amenyenye yeye la\" ŋu. (Kol. 3:10) Abe ale si ko ati tsea ku nyuie ne wolé be nɛ ene la, nenema kee ame ate ŋu aɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia ne gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm le eƒe agbe me ale si dze.—Ps. 1:1-3.\nGbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa gbãtɔ si Paulo yɔ lae nye nɔnɔme nyui xɔasi si nye lɔlɔ̃. Aleke gbegbee nɔnɔme sia xɔ asii? Paulo gblɔ be ne lɔlɔ̃ mele ye si o la, 'yemenye naneke o.' (1 Kor. 13:2) Gake nu kae nye lɔlɔ̃, eye aleke míawɔ be nɔnɔme nyui sia nasu mía si eye míanɔ eɖem fia gbe sia gbe?\nNU KAE NYE LƆLƆ̃?\nTogbɔ be womate ŋu atsɔ nyawo aɖe nu si lɔlɔ̃ nye me bɔbɔe o hã la, Biblia na míenya ale si woɖenɛ fiana. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be \"lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.\" Azɔ hã, 'ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe ŋu,' eye \"enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.\" Ne lɔlɔ̃ le ame aɖe si la, etsɔa ɖe le eme na amewo vevie, eye wònyea xɔlɔ̃ nyui hã. Gake ame si si lɔlɔ̃ mele o la ʋãa ŋu, edoa eɖokui ɖe dzi, ewɔa nu si dze eya ŋutɔ ŋu, edia eɖokui tɔ eye metsɔa vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la kena o. To vovo na nɔnɔme gbegblẽ mawo la, lɔlɔ̃ si míedi be míatu ɖo la \"media eya ŋutɔ tɔ o.\"—1 Kor. 13:4-8.\nYEHOWA KPLE YESU SIAA ÐO LƆLƆ̃ ƑE KPƆÐEŊU DEBLIBO ÐI NA MÍ\n\"Mawu nye lɔlɔ̃.\" Vavãe, Yehowa ƒe amenyenye bliboa nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Eƒe dɔwɔwɔwo kple nuwɔnawo katã ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana. Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si wòɖe fia amegbetɔwo lae nye esi wòdɔ Yesu wòva kpe fu heku ɖe mía ta. Apostolo Yohanes gblɔ be: \"Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía me, be Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to eya amea dzi. Esia me lɔlɔ̃ la le, menye be míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ be eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via be wòanye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.\" (1 Yoh. 4:9, 10) Esi Mawu lɔ̃ mí ta la, esia wɔe be woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, mɔkpɔkpɔ su mía si, eye míate ŋu anɔ agbe tegbee.\nYesu ɖee fia be yelɔ̃ amegbetɔwo esi wòlɔ̃ faa wɔ nu si Mawu di tso esi. Paulo ŋlɔ bena: \"[Yesu gblɔ] be: 'Kpɔ ɖa! Meva ɖo be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.' . . . Le eƒe 'lɔlɔ̃nu' sia nu la, wokɔ mía ŋu to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wotsɔ na zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la dzi.\" (Heb. 10:9, 10) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu alɔ̃ ehavi amegbetɔ wu esia o. Yesu gblɔ be: \"Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.\" (Yoh. 15:13) Ðe mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋu asrɔ̃ lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia mía? Ɛ̃, míate ŋui! Na míadzro ale si míate ŋu awɔ esiae la me.\n\"MIYI EDZI MIAZƆ LE LƆLƆ̃ ME\"\nPaulo de dzi ƒo na mí be: \"Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene, eye miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ mí, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe mía ta . . . la ene.\" (Ef. 5:1, 2) 'Míeyia edzi zɔna le lɔlɔ̃ me' ne míeɖea nɔnɔme nyui sia fiana le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Nuwɔna mee míeɖea lɔlɔ̃ sia fiana le ke menye le nyagbɔgblɔ me o. Yohanes ŋlɔ bena: \"Vinye lɔlɔ̃awo, migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.\" (1 Yoh. 3:18) Le kpɔɖeŋu me, ne míezɔna le lɔlɔ̃ me la, míalɔ̃ Mawu kple mía haviwo, eye esia aʋã mí be míaɖe gbeƒã \"Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui\" la na amewo. (Mat. 24:14; Luka 10:27) Míezɔna le lɔlɔ̃ me ne míegbɔa dzi blewu, nyoa dɔme, eye míetsɔna kena faa. Esia tae Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: \"Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.\"—Kol. 3:13.\nNe míeɖɔ amewo ɖo alo xlɔ̃ nu wo la, esia mefia be mímelɔ̃ wo o. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo wɔa nu sia nu si wo viwo di la na wo be woadzudzɔ avifafa. Gake dzila siwo lɔ̃ wo viwo vavã la tɔa afɔ to sesĩe ne ehiã. Nenema kee togbɔ be Mawu nye lɔlɔ̃ hã, 'ame si wòlɔ̃na la, eyae wòhea to na.' (Heb. 12:6) Ne míezɔna le lɔlɔ̃ me la, míawo hã míahe to na mía viwo le mɔ nyuitɔ nu ne ehiã. (Lod. 3:11, 12) Ke hã, le esia wɔwɔ me la, ele be míaɖo ŋui be míawo hã nu vɔ̃ mewo míenye eye míate ŋu awɔ nu si mesɔ o. Eya ta, ehiã be mí katã míaɖe lɔlɔ̃ afia geɖe wu le go aɖewo me. Aleke míate ŋu awɔ esia? Na míadzro eƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ me.\nNU KAE AKPE ÐE MÍA ŊU MÍALƆ̃ AMEWO GEÐE WU?\nGbã, bia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si nana lɔlɔ̃ sua ame si la wò. Yesu gblɔ be Yehowa naa \"gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.\" (Luka 11:13) Ne míedoa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔea eye míedzea agbagba 'zɔna le gbɔgbɔ me' la, ʋɛʋɛʋɛ la, lɔlɔ̃ ava nɔ dzedzem le míaƒe nuwɔnawo me geɖe wu. (Gal. 5:16) Le kpɔɖeŋu me, ne hamemetsitsie nènye le Kristo hamea me la, àte ŋu abia be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo aɖaŋu na haxɔsetɔwo le lɔlɔ̃ me. Alo ne dzilae nènye la, àte ŋu abia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe ŋuwò nàɖɔ viwòwo ɖo le lɔlɔ̃ me, ke menye le dziku me o.\nEvelia, de ŋugble le ale si Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia esime wodo dziku nɛ la ŋu. (1 Pet. 2:21, 23) Ahiã be míade ŋugble le Kristo ƒe kpɔɖeŋua ŋu, vevietɔ ne wodze agɔ le mía dzi alo wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me la, nya si míabia mía ɖokui ye nye be, 'Nu kae Yesu awɔ le nɔnɔme sia me?' Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Leigh la kpɔe be ŋugbledede le biabia sia ŋu kpena ɖe ye ŋu yebua nuwo ŋu hafi ɖea afɔ. Egblɔ be: \"Gbe ɖeka, nye dɔwɔhati aɖe ɖo e-mail ɖe nye dɔwɔhati susɔeawo tsɔ gblɔ nya si mesɔ o tso nye ŋutɔ kple dɔ si mewɔna ŋu. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ. Ke hã, mebia ɖokuinye be, 'Aleke mate ŋu asrɔ̃ Yesu le ale si mawɔ nu kple nye dɔwɔhatia me?' Esi mede ŋugble le nu si Yesu awɔ ŋu vɔ la, metso nya me be maɖe asi le nyaa ŋu ahaɖe susu ɖa le eŋu. Emegbe, meva se be, sigbeɖe, lãmesẽkuxi sesẽ aɖe nɔ fu ɖem na nye dɔwɔhatia eye nuteɖeamedzi nɔ fu ɖem nɛ vevie. Azɔ meƒo nya ta be, anɔ eme be menye ɖe wòɖoe be yeagblẽ ŋunye o. Esi mede ŋugble le ale si Yesu ɖea lɔlɔ̃ fiana ne wodo dziku nɛ gɔ̃ hã ŋu la, esia kpe ɖe ŋunye mewɔ nu ɖe nye dɔwɔhatia ŋu nenema ke.\" Ɛ̃, ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua la, míawɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi.\nEtɔ̃lia, tu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃, si nye nɔnɔme nyui si dea dzesi Kristotɔ vavãwo la ɖo. (Yoh. 13:34, 35) Lɔlɔ̃ sia kee nɔ Yesu hã si, eye eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí be míasrɔ̃. Aleke wòwɔe? Eyae nye be, elɔ̃ faa dzo le dziƒo 'heɖi gbɔlo eɖokui' \"yi ɖase ku me\" gɔ̃ hã. (Flp. 2:5-8) Ne míesrɔ̃a eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃a la, míaƒe nuŋububu kple seselelãme ava ɖi Kristo la tɔ geɖe wu, eye esia aʋã mí be míadi ame bubuwo ƒe nyonyo gbã. Nu nyui bubu kawoe dona tso eme ne lɔlɔ̃ le mía si?\nVIÐE SIWO DONA TSO LƆLƆ̃ÐEÐEFIA ME\nNe míelɔ̃a amewo la, viɖe geɖe dona tso eme. Bu eƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ:\nDUKƆWO DOME NƆVIWO ƑE HABƆBƆ: Esi míelɔ̃ mía nɔewo ta la, míenyae be hame ɖe sia ɖe si me míaɖi tsa ayi le anyigba bliboa dzi la, mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo axɔ mí nyuie. Yayra ka gbegbee nye esi wònye be \"nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la\" lɔ̃ mí! (1 Pet. 5:9) Afi kae míagakpɔ lɔlɔ̃ sia ƒomevi le ne menye le Mawu ƒe amewo dome ko o?\nŊUTIFAFA: Ne míedoa dzi nɔa 'anyi kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me' la, esia wɔnɛ be míewɔa ɖeka le \"ŋutifafa ƒe nublanu la me.\" (Ef. 4:2, 3) Míesea vivi na ŋutifafa sia le míaƒe hame ƒe kpekpewo kpakple takpekpe suewo kple gãwo me. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ŋutifafa si le mía dome la ɖe dzesi ŋutɔ le xexe sia si me ɖekawɔwɔ mele o la me oa? (Ps. 119:165; Yes. 54:13) Ne míenɔa anyi kple amewo le ŋutifafa me la, míeɖea ale si gbegbe míelɔ̃ woe la fiana, eye esia dzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu.—Ps. 133:1-3; Mat. 5:9.\n\"LƆLƆ̃ TUA AME ÐO\"\nPaulo ŋlɔ bena: \"Lɔlɔ̃ tua ame ɖo.\" (1 Kor. 8:1) Aleke lɔlɔ̃ wɔa esiae? Apostolo Paulo ɖe ale si lɔlɔ̃ tua ame ɖo la me le lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo la ƒe ta 13 lia me. Ame aɖewo yɔa agbalẽa ƒe ta sia be \"Lɔlɔ̃ Ƒe Psalmo.\" Lɔlɔ̃ dia ame bubuwo ƒe nyonyo. (1 Kor. 10:24; 13:5) Gakpe ɖe eŋu la, esi lɔlɔ̃ bua ame ŋu, esea nu gɔme na ame, egbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme ta la, ewɔnɛ be lɔlɔ̃ nɔa ƒomewo me eye ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.—Kol. 3:14.\nLɔlɔ̃ si le mí katã si na Mawu lae nye lɔlɔ̃ vevitɔ kple lɔlɔ̃ si tua mí ɖo wu ɖe sia ɖe. Lɔlɔ̃ sia wɔnɛ be ame ƒomevi vovovo siwo ƒe ŋutigbalẽ kple gbegbɔgblɔwo to vovo la wɔa ɖeka hesubɔa Yehowa \"le ɖekawɔwɔ me.\" (Zef. 3:9) Mina míaɖoe kplikpaa be míaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa vevi sia afia gbe sia gbe.\n^ mm. 2 Esia nye nyati asieke siwo ava ɖe wo nɔewo yome, siwo dometɔ ɖe sia ɖe adzro gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe me la ƒe gbãtɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-august-2017\/gb%C9%94gb%C9%94a-%C6%92e-kutsetse-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/","date":"2020-06-02T16:09:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347425148.64\/warc\/CC-MAIN-20200602130925-20200602160925-00507.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954568744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995456874370575}","num_words":1674,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia meɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu o. Gake Yesu yɔ nu ɖeka aɖe ya si ta woate ŋu agbe srɔ̃ ɖo wòasɔ, esi wògblɔ be: \"Ame si ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.\"—Mateo 19:9, Eʋegbe Biblia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/sr%C9%94%CC%83gbegbe-biblia\/","date":"2020-05-30T22:39:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410352.47\/warc\/CC-MAIN-20200530200643-20200530230643-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964063764,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964063763618469}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nŊgɔdonya: Nu siwo ŋu wonya nu tsoe nyuie le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me dometɔ ɖekae nye sɔdola ene siwo ŋu wòƒo nu tsoe. Wonana ame aɖewo vɔ̃na. Gake wodzɔa dzi na ame bubuwo ya.\nMawunyakpukpui: Nyɖ 1:3\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si sɔdola eneawo ƒe ŋutinya ate ŋu ahe nu nyuiwo vɛ na míi la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Èsusu be míate ŋu anya nu siwo ava dzɔ le etsɔmea?\nMawunyakpukpui: Yes 46:10\nNyateƒea: Mawu ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme la fia mí to eƒe Nya Biblia dzi.\nDZIDZƆ ATE ŊU ANƆ WÒ ƑOMEA ME\nŊgɔdonya: Míele video kpui sia si ku ɖe ƒomewo ŋu la ɖem fia amewo. [Ðe video si nye Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? ƒe ŋgɔdonya.]\nNya Si Nàgblɔ: Ne adzɔ dzi na wò be yeaxlẽ agbalẽ gbadza si woyɔ le videoa me la, mate ŋu ana ɖeka wò alo afia ale si nàwɔ eƒe kɔpi le internet dzi la wò.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2020-06-02T15:35:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347425148.64\/warc\/CC-MAIN-20200602130925-20200602160925-00579.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968127012,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968127012252808}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.017,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame kae nye Yosef fofo?\nYosef, si nye atikpala le Nazaret lae xɔ Yesu nyi. Gake ame kae nye Yosef fofo? Yesu ƒe dzidzimenuŋlɔɖi si le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa me la gblɔ be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yakob ye nye fofoa, ke Luka ƒe Nyanyuigbalẽa ya gblɔ be Yosef nye \"Eli vi.\" Nu ka tae wòdze abe woƒe nyawo to vovo ene?—Luka 3:23; Mateo 1:16.\nMateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Yakob dzi Yosef,\" eye le afi sia la, ezã Helagbe me nya aɖe si ɖee fia kɔtɛ be Yakob ye nye Yosef fofo ŋutɔŋutɔ. Eya ta ƒome si me Yosef dzɔ tso, si nye David ƒe fiaƒomea ŋue Mateo ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tsoe. Eye esi Yosef si xɔ Yesu nyi la nye ƒome ma me tɔ ta la, esia wɔe be fianyenye ƒe gomea su Yesu si le se nu.\nGake Luka ƒe nuŋlɔɖia ya gblɔ be: 'Yosef nye Eli vi.' Nya \"vi\" si wòzã le afi sia ate ŋu afia \"toyɔvi.\" Esia tɔgbi dze le Luka 3:27, afi si gblɔ be Sealtiel nye \"Neri vi,\" evɔ Yekoniya ye dzi Sealtiel. (1 Kronika 3:17; Mateo 1:12) Edze ƒãa be Sealtiel ɖe Neri vinyɔnu aɖe si ŋkɔ womeyɔ o, si wɔe be wòzu Neri ƒe toyɔvi. Gɔmesese ma ke nue wogblɔ le be Yosef nye Eli \"vi\" le, elabena eɖe Eli vinyɔnu Maria. Eya ta Luka ƒo nu tso ƒome si me Yesu dzɔ tso \"le ŋutilã nu,\" le ƒome si me dadaa Maria dzɔ tso la nu. (Romatɔwo 1:3) Ale Biblia na Yesu ƒe dzidzime ŋuti nyatakaka ƒomevi eve siwo le vevie la mí.\nAma siwo wodea avɔ kple avɔ kawoe nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo?\nAlẽfu koŋ ye wozãna tsɔ lɔ̃a avɔwo le Titina Ɣedzeƒenutowo me le blema, eye nenema kee wozãa gbɔ̃fu kple kposɔfu hã. Avɔ siwo bɔ ɣemaɣi wue nye lãfuvɔwo, eye Biblia ƒo nu tso alẽwo, fukoko na lãwo kple alẽfuvɔ ŋu zi geɖe. (1 Samuel 25:2; 2 Fiawo 3:4; Hiob 31:20) Gbe si woyɔna be flaks, si le abe ɖeti ene, si ƒe agble wodena le Egipte kple Israel lae wotsɔ wɔa aklala. (1 Mose 41:42; Yosua 2:6) Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, anɔ eme be Israel-viwo medea ɖetigble o, gake Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be amewo zãnɛ le Persia. (Esta 1:6) Seda nye avɔ xɔasi aɖe si kesinɔtɔwo zãna, eye anɔ eme be asitsala mɔzɔla siwo tso Ɣedzeƒe Ʋĩ ke la koe tsɔnɛ vanɛ.—Nyaɖeɖefia 18:11, 12.\nAgbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yesu kple eŋɔlimetɔwo ŋu la gblɔ be: 'Lãfuwo nɔa amadede vovovowo me le dzɔdzɔme nu, tso esiwo fu tititi dzi va ɖo esiwo nyɔ̀ dzi.' (Jesus and His World) Gakpe ɖe eŋu la, wodea ama lãfuwo zi geɖe. Woɖea ama dzĩ aɖe si xɔ asi ŋutɔ la tso ƒumebɔbɔ ƒomevi aɖewo me, eye woɖea ama siwo le dzĩ, aŋutiɖiɖi, blɔ kple yibɔ la tso atiwo, atiwo ƒe kewo, aŋgbawo kple nu dzodzoe ƒomevi vovovowo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2016-may\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-05-30T10:04:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407667.28\/warc\/CC-MAIN-20200530071741-20200530101741-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992149472,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992149472236633}","num_words":463,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o eye edi be \"míawɔ nyui na amewo katã,\" menye na mía hatiwo, ame siwo ƒe ŋutigbalẽ sɔ kple mía tɔ, doa gbe ɖeka kpli mí alo tso dukɔ ɖeka me kpli mí alo le subɔsubɔha ɖeka me kpli mí ko o.—Ga 6:10; Dw 10:34.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE NU KA TAE AKPAÐEKEDZIMADEMADE LE VEVIE NENEMA GBEGBE? (MIKA 4:2), EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nAleke Mika 4:2 ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu egbea?\nNu kae nye akpaɖekedzimademade, eye nu ka tae wòle vevie?\nAleke Nyaɖeɖefia 13:16, 17 ɖee fia be dziɖuɖuwo le didim be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july16-22\/nu-ka-tae-akpa%C9%96ekedzimademade-le-vevie\/","date":"2020-05-27T16:40:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347394756.31\/warc\/CC-MAIN-20200527141855-20200527171855-00595.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9937441945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9937441945075989}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 2 va se ɖe March 1, 2015 la le tata sia me.\nYesu wɔ kpɔɖeŋuwo ku ɖe atiku sue la, amɔwɔʋãnu, asitsala mɔzɔla kple kesinɔnu si woɣla ŋu. Nu kae kpɔɖeŋuawo fia?\nNu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃, ɖɔ la kple vi nudomegblẽlaa ŋu fia?\nBiblia me kpɔɖeŋu ene aɖewo ɖo kpe ɖekawɔwɔ ƒe vevienyenye kple nu si tae wòagava nɔ vevie wu le etsɔme dzi.\nAleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu?\nNu kae nya si Yeremiya gblɔ be Raxel le fafam na viaŋutsuwo la fia?\nNyametsotso aɖewo li si mele be míatrɔ gbeɖe o, gake menye wo katãe o. Aleke nàwɔ akpɔ vovototoa?\nGuy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ la ku le Braɖa, March 18, 2014 dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20141215\/","date":"2020-05-31T17:56:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413551.52\/warc\/CC-MAIN-20200531151414-20200531181414-00249.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994198084,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994198083877563}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nàte ŋu awɔ\nNu si tututu gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ (alo porno) nye gɔme sese. Gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nye vlododo nane si Mawu wɔ be bubu nanɔ eŋu. Ne èse egɔme be aleae nyaa le la akpe ɖe ŋuwò '\nnàlé fu vɔ̃.'—Psalmo 97:10.\nBu emetsonuawo ŋu. Ame siwo wozãna le gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ me ɖia gbɔ wo ɖokuiwo. Ekloa bubu le ekpɔla hã ŋu. Eya ta esɔ nyuie be Biblia gblɔ be: \"\nNunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.\"—Lododowo 22:3.\nÐo tame kplikpaa. Nuteƒewɔla Hiob gblɔ be: \"\nMebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?\" (Hiob 31:1) Nu siwo nàte ŋu aɖo tame kplikpaa be yeawɔ la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:\nNyemazã Internet ne nye ɖeka meli o.\nMatsi gbɔdɔnuwɔnawo ŋuti nyatakakadzraɖoƒe ɖe sia ɖe si aʋu le vo me la enumake.\nNe megaɖe ŋu ɖi kpɔ gbɔdɔnuwɔnawo ake la, magblɔe na xɔ̃nye kpɔnuteƒe aɖe.\nDo gbe ɖa tso eŋu. Hakpalaa do gbe ɖa na Yehowa Mawu be: \"\nÐe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.\" (Psalmo 119:37) Mawu di be nàkpɔ dzidzedze, eye ne èdo gbe ɖa nɛ la, ado ŋusẽ wò nàwɔ nu dzɔdzɔe!—Filipitɔwo 4:13.\nƑo nu tso eŋu na ame aɖe. Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame aɖe si dzi nèka ɖo nye afɔɖeɖe vevi si akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ numame gbegblẽ ma!—Lododowo 17:17.\nÐo ŋku nya sia dzi: Ɣesiaɣi si nète ŋu ƒo asa na gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ la, èɖu aʋa gã aɖe dzi. Gblɔ aʋadziɖuɖu ma ŋu nya na Yehowa Mawu, eye nàda akpe nɛ ɖe ale si wòdo ŋusẽ wò la ta. Ne èƒo asa na gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ la, àdo dzidzɔ na eƒe dzi!—Lododowo 27:11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C6%92o-asa-na-gb%C9%94d%C9%94nuw%C9%94nawo-kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2020-05-26T10:40:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00549.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940181971,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940181970596313}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã?\nMawu le dukɔwo katã me tɔwo kpem be woate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi. (Psalmo 65:3) Ke hã, menye gbedodoɖawo katãe wòɖoa toe o. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe ƒe ŋlɔmiwɔwɔ le srɔ̃a ŋu ate ŋu axe mɔ na eƒe gbedodoɖawo. (1 Petro 3:7) Nenema kee esi Israel viwo yi nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi atraɖii la, Mawu gbe be yemase woƒe gbedodoɖawo o. Edze kɔtɛe be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee gbedodoɖa nye. Ke hã, ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã trɔ dzi me la, Mawu aɖo to woƒe gbedodoɖawo.—Xlẽ Yesaya 1:15; 55:7.\nKpɔ video si nye Ðe Mawu Ðoa To Gbedodoɖawo Katã?\n2. Aleke wòle be míado gbe ɖae?\nGbedodoɖa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe, eya ta mía Wɔla Yehowa koe wòle be míado gbe ɖa na. (Mateo 4:10; 6:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi míede blibo o ta la, ele be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me, elabena eku ɖe mía ta. (Yohanes 14:6) Yehowa medi be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me alo aŋlɔ wo ɖi agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm o. Edi be míado gbe ɖa na ye tso dzi me.—Xlẽ Mateo 6:7; Filipitɔwo 4:6, 7.\nMía Wɔla la tea ŋu sea gbe siwo míedona ɖa le susu me gɔ̃ hã. (1 Samuel 1:12, 13) Ekpe mí be míado gbe ɖa na ye le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, abe le ŋkekea ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu, nuɖuɣiwo, kple xaxaɣiwo ene.—Xlẽ Psalmo 55:23; Mateo 15:36.\n3. Nu ka tae Kristotɔwo kpena ɖekae ɖo?\nMenɔa bɔbɔe be míate ɖe Mawu ŋu o le esi míele ame siwo mexɔ Mawu dzi se o, siwo ɖea alɔme le ŋugbe si wòdo be yeahe ŋutifafa ava anyigba dzi ŋu la, dome ta. (2 Timoteo 3:1, 4; 2 Petro 3:3, 13) Eya ta ehiã be míanɔ ha dem kple haxɔsetɔwo ahanɔ mía nɔewo tum ɖo.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.\n4. Aleke nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu?\nÀte ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ne èdea ŋugble le nu siwo nèsrɔ̃na tso eƒe Nyaa me ŋu. Nɔ ŋugble dem le eƒe dɔwɔwɔwo, aɖaŋuɖoɖowo kple ŋugbedodowo ŋu. Ŋugbledede kple gbedodoɖa nana míekpɔa ŋudzedze deto ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nunya ŋu.—Xlẽ Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3.\nNe èɖo ŋu ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se ko hafi nàte ŋu ate ɖe eŋu. Ke hã ehiã be nànɔ xɔse sia tum ɖo abe ale si ko nu gbagbewo hiãa nuɖuɖu edziedzii ene. Ele be nànɔ ŋugble dem le kpeɖodzi siwo le wò dzixɔsewo ŋu la ŋuti edziedzi atsɔ anɔ wò xɔse tum ɖo.—Xlẽ Mateo 4:4; Hebritɔwo 11:1, 6.\n5. Viɖe kawoe nàkpɔ ne ète ɖe Mawu ŋu?\nYehowa léa be na ame siwo lɔ̃e. Ekpɔa wo ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le woƒe xɔse kple agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu la si me. (Psalmo 91:1, 2, 7-10) Exlɔ̃a nu mí ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti la ŋu. Mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo lae Yehowa fiaa mí.—Xlẽ Psalmo 73:27, 28; Yakobo 4:4, 8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/aleke-n%C3%A0w%C9%94-ate-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2020-05-30T19:39:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410284.51\/warc\/CC-MAIN-20200530165307-20200530195307-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9938002229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9938002228736877}","num_words":470,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.287,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedodo na aflaga. Yehowa Ðasefowo xɔe se be ame ɖokui bɔbɔ na aflaga alo gbedodo nɛ, si amewo wɔna zi geɖe esime wole dukɔa ƒe ha dzim la nye subɔsubɔnuwɔna: enye Dukɔa alo kplɔlawo sinu kpɔkpɔ be woawoe ana ɖeɖe, ke menye Mawu o. (Yesaya 43:11; 1 Korintotɔwo 10:14; 1 Yohanes 5:21) Blema Babilon fia Nebukadnezar nye kplɔla siawo dometɔ ɖeka. Esi fia sẽŋu sia di be yeaɖe yeƒe gãnyenye kple veviedodonu le subɔsubɔ me afia eƒe dumeviwo la, eli legba gã aɖe eye wòɖe gbe na eteviwo be woade ta agu nɛ ne wose haƒoƒo, si le abe dukɔa ƒe ha ene. Gake Hebritɔ etɔ̃ siwo nye Sadrak, Mesak, kple Abednego gbe be yewomade ta agu na legba la o, togbɔ be ema ŋuti tohehe anye ku gɔ̃ hã.—Daniel, ta 3.\nŊutinyaŋlɔla Carlton Hayes gblɔ tso míaƒe ŋkeke siawo ŋu be, \"nu si ɖea dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ fiana ye nye aflaga, eye eyae nye nu vevitɔ si wodea ta agu na. Amewo ɖea kuku le ta ne wotsɔ aflaga va yina; hakpalawo ŋlɔa hakpanyawo tsɔ kafua aflaga, eye ɖeviwo hã dzia subɔsubɔhawo tsɔ kafunɛ.\" Egblɔ kpee be dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ƒe \"ŋkeke kɔkɔewo\" hã li, abe July 4 lia le United States ene, eye eƒe \"ame kɔkɔewo kple kalẽtɔwo\" li, siwo ŋu wodea bubu tɔxɛ, eye eƒe trɔ̃xɔwo hã li, siwo wobuna abe \"gbedoxɔwo\" ene. Esi Braziltɔwo nɔ dukɔa ƒe azã aɖe ɖum la, woƒe dudɔnunɔla si kpɔa asrafowo dzi gblɔ be: \"Wodea bubu tɔxɛ aflaga ŋu hesubɔnɛ . . . abe ale si ko amewo subɔa Denyigba la ene.\" Nyateƒee, numekugbalẽ aɖe gblɔ kpɔ be: \"Aflaga le kɔkɔe abe ale si ko atitsoga le ene.\" (The Encyclopedia Americana)\nNumekugbalẽ ma ke gagblɔ nyitsɔ laa be dukɔa ƒe hawo \"ɖea dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme fiana, eye zi geɖe la, wo me nyawo nyea mawu aɖe ƒe mɔfiafia kple ametakpɔkpɔ biabia na dukɔmeviwo alo woƒe dziɖulawo.\" Edze ƒãa be menye vodadae Yehowa Ðasefowo wɔ esi wobua dulɔlɔ̃kɔnu siwo me wodoa gbe na aflaga eye wodzia dukɔa ƒe hawo le la be wonye subɔsubɔnuwɔnawo o. Le nyateƒe me la, esi agbalẽ aɖe (The American Character) nɔ nu ƒom tso Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ŋu be wogbea gbedodo na aflaga eye wogbea ɖokuitsɔtsɔ na dukɔa ƒe atamkanya la gbɔgblɔ le United States sukuwo la, egblɔ be: \"Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ʋu eme mlɔeba le ʋɔnudrɔ̃nya vovovowo me be kɔnu siawo siwo wowɔna gbe sia gbe la nye subɔsubɔnuwɔnawo.\"\nTogbɔ be Yehowa ƒe amewo mekpɔa gome le kɔnu siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o me o hã la, wonya nyuie be ame bubuwo kpɔ mɔ atso nya me be yewoakpɔ gome le eme. Wodea bubu dukɔwo ƒe aflagawo hã ŋu be wonye dzesidenuwo, eye wobua dziɖuɖu siwo woɖo le se nu la be wonye \"ŋusẽtɔwo,\" ame siwo wɔa dɔ abe \"Mawu ƒe subɔla\" ene. (Romatɔwo 13:1-4) Le esia ta, Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be, woado gbe ɖa \"ɖe fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒe la ta.\" Gake míaƒe taɖodzinue nye be \"míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo kple moveviɖoɖo katã me.\"—1 Timoteo 2:2.\nAkɔdada na dukplɔlawo. Kristotɔ vavãwo nyae be amewo kpɔ mɔ ada akɔ. Wometsia tre ɖe akɔdada ŋu o, eye wobɔbɔna ɖe ame siwo wotia be woanɔ zi dzi la te. Ke hã, womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me kura o. (Mateo 22:21; 1 Petro 3:16) Le dukɔ siwo me wode se be ele be ame sia ame nada akɔ kokoko, alo le teƒe siwo wotsɔa dziku helĩhelĩ tɔa ŋku ame siwo meyia akɔdaƒe o la, nu kae Kristotɔwo awɔ? Ne Kristotɔ aɖe kpɔe be le ale si nɔnɔmea le ta, ahiã be yeayi akɔdaƒea abe ale si Sadrak, Mesak, kple Abednego hã yi Dura balia me ene la, ate ŋu awɔe nenema ne eƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ. Gake ele be wòakpɔ nyuie be yemawɔ naneke si afia be yede akpa aɖe dzi o. Ele be wòade ŋugble tso gɔmeɖose ade siwo gbɔna ŋu:\nYesu yomedzelawo \"[menye] xexea ƒe akpa aɖeke o.\"—Yohanes 15:19.\nEsi Israel-viwo bia be woatia amegbetɔ na yewo wòaɖu yewo dzi la, Yehowa gblɔ be yee wogbe.—1 Samuel 8:7.\nKpekpeɖeŋunadɔ si menye asrafodɔ o. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua biana tso ame siwo gbea asrafodɔ wɔwɔ si be woawɔ kpekpeɖeŋunadɔ bubu ɖe eteƒe hena ɣeyiɣi aɖe. Ne nyametsotso sia ƒomevi dze ŋgɔ mí la, ele be míatsɔe ade gbedodoɖa me, ɖewohĩ aɖo dze kple Kristotɔ tsitsi aɖe tso eŋu, eye míanɔ te ɖe míaƒe dzitsinya dzi atso nya me esi míese nyaa ƒe akpa sia akpa gɔme nyuie vɔ.—Lododowo 2:1-5; Filipitɔwo 4:5.\nMawu ƒe Nya gblɔ na mí be 'míabɔbɔ mía ɖokui na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo, míaɖo to wo, míanɔ dzadzraɖoɖi na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ, eye míanye nugɔmeselawo.' (Tito 3:1, 2) Esi nya mawo le susu me na mí la, míate ŋu abia mía ɖokui be: 'Ðe kpekpeɖeŋunadɔ si tɔgbi wobia tso asinye be mawɔ la manye dada le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade dzi alo anye gomekpɔkpɔ le alakpasubɔsubɔ me oa?' (Mika 4:3, 5; 2 Korintotɔwo 6:16, 17) 'Ðe dɔ sia ana wòasesẽ nam be makpɔ agbanɔamedzi siwo le dzinye abe Kristotɔ ene gbɔ nyuie alo ado kpo wo gbɔ kpɔkpɔ kura gɔ̃ hã?' (Mateo 28:19, 20; Efesotɔwo 6:4; Hebritɔwo 10:24, 25) 'Le go bubu me la, ɖe dɔ sia wɔwɔ ana mɔm be makeke nye subɔsubɔdɔwo ɖe enu, ɖewohĩ ana makpɔ asinu awɔ ɣeyiɣiwo katã ƒe subɔsubɔdɔa?'—Hebritɔwo 6:11, 12.\nNe Kristotɔ aɖe ƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ wòtso nya be yeawɔ kpekpeɖeŋunadɔ si dziɖuɖua bia tso ye si la tsɔ wu be woade ye gaxɔ me la, mele be Kristotɔ bubuwo naɖe ɖeklemi eƒe nyametsotsoa o. (Romatɔwo 14:10) Eye ne ese le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔ si tɔgbi wobia tso ye si o la, mele be ame bubuwo naɖe ɖeklemi esia hã o.—1 Korintotɔwo 10:29; 2 Korintotɔwo 1:24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/gbedodo-na-aflaga-ak%C9%94dada-kpekpe%C9%96e%C5%8Bunad%C9%94\/","date":"2020-07-12T13:57:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657138718.61\/warc\/CC-MAIN-20200712113546-20200712143546-00351.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963659048,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963659048080444}","num_words":941,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU medo dziku le afisia vevie ŋutɔ oa? Ènya nusitae wòdo dziku nenema ɖoa? Elabena amesiawo, siwo le Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la nye ŋuklẽlawo. Wole agbagba dzem be yewoakpɔ ga geɖe tso amesiwo va Mawu subɔ ge le afisia la si.\nÈkpɔ nyiviwo kple alẽwo kpakple akpakpa mawo katã? Amesiawo le lã siawo dzram le keke gbedoxɔa me le afisia. Ènya nusitaea? Elabena Israel-viwo hiã na lãwo kple xewo be woatsɔ asa vɔe na Mawu.\nMawu ƒe se la gblɔ be ne Israel-vi aɖe wɔ nuvɔ̃ la, ele be wòasa vɔ na Mawu. Gake ɣeyiɣi bubuwo hã li esi me wòle be Israel-viwo nasa vɔ. Gake afikae Israel-vi ate ŋu akpɔ xewo kple lãwo le atsɔ sa vɔe na Mawu?\nXewo kple lãwo nɔ Israel-vi aɖewo si. Eyata wote ŋu tsɔ esiawo sa vɔe. Gake lãwo alo xewo mele Israel-vi geɖe si o. Eye ame aɖewo le adzɔge ʋĩ tso Yerusalem gbɔ, eyata womete ŋu tsɔ woƒe lãwo ƒe ɖe va gbedoxɔa mee o. Eyata ameawo tsɔ lãwo alo xe, siwo hiã na wo la va afisiae. Gake amesiawo dzra nuawo woxɔ asi akpa. Wonɔ ameawo bam. Hekpe ɖe eŋu la, mele be woanɔ nu dzram le keke Mawu ƒe gbedoxɔ me afisia o.\nEsiae ve dɔme na Yesu. Eyata wòmu ameawo ƒe kplɔ̃, siwo dzi ga le la, eye woƒe gawo kaka. Azɔ hã la, etsɔ ka wɔ ameƒotie eye wònyã lãwo katã ɖa le gbedoxɔa me. Eɖe gbe na amesiwo le akpakpawo dzram la be: 'Mitsɔ wo do goe le afisia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ gadiƒee o.'\nYesu yomedzela aɖewo le egbɔ le Yerusalem-gbedoxɔa me afisia. Esi wokpɔ nusi wɔm Yesu le la, ewɔ nuku na wo. Tete woɖo ŋku Biblia ƒe akpa aɖe dzi afisi wogblɔ le Mawu ƒe Vi la ŋuti le be: 'Lɔlɔ̃ na Mawu ƒe aƒe la axɔ dzo le eme.'\nEsime Yesu de Ŋutitotoa ɖuƒe le Yerusalem la, ewɔ nukunu geɖe. Emegbe la, Yesu dzo le Yudea, eye wòdze eƒe mɔzɔzɔ gɔme hetrɔ yi Galilea. Gake esi wòyina la, eyi ɖato Samaria-nuto me. Na míakpɔ nusi dzɔ le afima la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-k%C9%94-gbedox%C9%94a-%C5%8Bu\/","date":"2020-07-06T00:34:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655889877.72\/warc\/CC-MAIN-20200705215728-20200706005728-00204.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996948242,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99969482421875}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mateo ta 8 kple 9 lia ƒo nu tso subɔsubɔdɔ si Yesu wɔ le Galilea nutoa me ƒe akpa aɖe ŋu. Esi Yesu da dɔ na amewo la, eɖe ŋusẽ si nɔ esi la fia, gake lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ si le esi na amewoe wòɖe fia wu.\nYesu da dɔ na kpodɔléla aɖe.—Mt 8:1-3\nYesu da dɔ na asrafomegã aɖe ƒe subɔvi.—Mt 8:5-13\nEda dɔ na Petro lɔ̃xo.—Mt 8:14, 15\nEnya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe eye wòda dɔ na ame siwo nɔ fu kpem.—Mt 8:16, 17\nEnya gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wɔa adã ale gbegbe la do goe ɖo ɖe hawo me.—Mt 8:28-32\nYesu da dɔ na lãmetututɔ aɖe.—Mt 9:1-8\nEda dɔ na nyɔnu aɖe si ka asi eƒe awudziwui ŋu, eye wòfɔ Yairo vinyɔnuvi ɖe tsitre.—Mt 9:18-26\nEda dɔ na ŋkuagbãtɔwo kple aɖetututɔwo.—Mt 9:27-34\nYesu to duawo kple kɔƒeawo me eye wòda dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi.—Mt 9:35, 36\nAleke mate ŋu aɖee fia be melɔ̃ ame siwo dome mele eye nye dɔme trɔna ɖe wo ŋu geɖe wu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan22-28\/yesu-l%C9%94%CC%83-amewo\/","date":"2020-07-11T11:42:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655929376.49\/warc\/CC-MAIN-20200711095334-20200711125334-00206.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966412187,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996641218662262}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.301,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ nu tso míaƒe kpekpewo ŋu. Kpɔ kpekpewɔƒe siwo le miaƒe nutoa me.\nKorona Dɔvɔ̃a (COVID-19) Ŋuti Nyatakaka: Le teƒe geɖe la, míedzudzɔ kpekpewo wɔwɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me gbɔ, eye míegale ƒu ƒom le agbɔsɔsɔ gãwo me haɖe me o. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me alo Yehowa Ɖasefowo ŋu la, míeɖe kuku, kpe aɖaka si dze le Bia Be Ame Aɖe Nava Srã Ye Kpɔ ƒe teƒea ɖo, eye Ðasefo aɖe si le miaƒe nutoa me la aƒo ka na wò.\nNu Kawoe Yia Edzi Le Míaƒe Kpekpewo Me?\nYehowa Ðasefowo kpena dea ta agu zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa. (Hebritɔwo 10:24, 25) Le kpekpe siawo me la, míedzroa Biblia me nyawo me eye míesrɔ̃a ale si míatsɔ nu siwo míesrɔ̃ la ade dɔwɔna me le míaƒe agbenɔnɔ me, ame sia ame ate ŋu akpɔ gome le kpekpe siawo me.\nMíaƒe wɔnawo ƒe akpa gãtɔ nyea numedzodzro kple vavalawo abe ale si ko wònɔna le sukuxɔwo me ene. Míedzea kpekpeawo gɔme kple hadzidzi kple gbedodoɖa eye míewua wo nu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa.\nNe menye Yehowa Ðasefo o hã àte ŋu ade kpekpe siawo. Míekpea ame sia ame be wòava faa. Womexɔa ga le anyinɔnɔ ta o. Womedzɔa ga le amewo si gbeɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kpekpewo\/","date":"2020-07-08T11:09:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655896932.38\/warc\/CC-MAIN-20200708093606-20200708123606-00495.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993317127,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993317127227783}","num_words":208,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo wu eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu le Yerusalem. Le afi ma la, wolée de gaxɔ me. Yesu gblɔ nɛ le ŋutega aɖe me le zã me be: 'Àyi Roma eye àɖe gbeƒã le afi ma.' Wokplɔ Paulo tso Yerusalem yi Kaisarea, eye enɔ gaxɔ me le afi ma ƒe eve. Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Paulo le Nutodziɖula Festo ŋkume la, Paulo gblɔ be: 'Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam le Roma.' Festo gblɔ be: \"Èbe Kaisaro negbugbɔ nya la drɔ̃ na ye; eya ta àyi Kaisaro gbɔ.\" Wode Paulo tɔdziʋu aɖe si yina Roma, eye Kristotɔ eve siwo nye Luka kple Aristarko yi kplii.\nLe ƒua dzi la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe wo ŋkeke geɖe. Wo katã wosusu be yewoaku. Gake Paulo gblɔ be: 'Mía tɔwo, mawudɔla aɖe gblɔ nam le drɔ̃e me be: \"Paulo, mègavɔ̃ o. Àɖo Roma eye ame sia ame si le tɔdziʋua me kpli wò la, anɔ dedie.\" Milé dzi ɖe ƒo! Míele kuku ge o.'\nYa sesẽ la ƒo ŋkeke 14 sɔŋ. Mlɔeba la, wokpɔ du aɖe. Malta ƒukpoe. Tɔdziʋu la lɔ kekpo eye wòkaka kakɛkakɛ, gake ame 276 la katã siwo nɔ tɔdziʋua me la te ŋu ɖi go dedie. Wo dometɔ aɖewo ƒu tsia, eye bubuwo ku ɖe tɔdziʋu gbagbãa ƒe kakɛawo ŋu ɖi go. Ame siwo nɔ Malta dua me la lé be na wo eye wodo dzo na wo be woaƒu.\nLe ɣleti etɔ̃ megbe la, asrafoawo de Paulo tɔdziʋu bubu kplɔe yi Roma. Esi wòɖo afi ma la, nɔviawo va kpee. Esi Paulo kpɔ nɔviawo la, eda akpe na Yehowa eye dzi ɖo eƒo. Togbɔ be Paulo nye gamenɔla hã la, woɖe mɔ nɛ be wòanɔ aƒe aɖe si wòhaya la me eye asrafo aɖe nadzɔ eŋu. Enɔ afi ma ƒe eve. Amewo va srãnɛ kpɔ eye wòɖea gbeƒã na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu eye wòfiaa nu wo tso Yesu ŋu. Azɔ hã, Paulo ŋlɔ lɛtawo na hame siwo le Asia Sue kple Yudea. Nyateƒee, Yehowa zã Paulo wòɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo.\n\"Míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo, le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le fukpekpewo me.\"—2 Korintotɔwo 6:4","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/apostolo-paulo-t%C9%94dzi%CA%8Bu-gb%C3%A3-roma\/","date":"2020-07-12T10:32:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657134758.80\/warc\/CC-MAIN-20200712082512-20200712112512-00420.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959987998,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959987998008728}","num_words":365,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Mawu gbɔe Biblia tso loo alo amegbetɔ ƒe susue le emea?\nMawunyakpukpui: 2Ti 3:16\nNya Si Nàgblɔ: Nyɔ! sia ƒo nu tso kpeɖodzi etɔ̃ siwo fia be Mawu gbɔe Biblia tso nyateƒe la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Aleke wòle be míabu agbe si Mawu na mí lae?\nMawunyakpukpui: Nyɖ 4:11\nNyateƒea: Mawue na agbe mí eya ta míedea bubu agbe ŋu. Míeɖɔa ŋu ɖo le nu siwo ate ŋu ana míadze afɔku ŋu eye míaɖoe koŋ awu ame o. Míedea asixɔxɔ nunana si nye agbe ŋu.\nNU KAE ANA DZIDZƆ NANƆ ƑOMEA ME?\nNyabiase: Kpɔ nyabiase si le trakt sia dzi kple ŋuɖoɖo vovovoawo ɖa. Nu kae nèsusu?\nMawunyakpukpui: Lu 11:28\nNya Si Nàgblɔ: Trakt sia ƒo nu tso ale si nya sia aɖe vi na wò ƒomea kple nu si tae míaka ɖe Biblia me nyawo dzi la ŋu.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2020-07-05T11:41:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655887319.41\/warc\/CC-MAIN-20200705090648-20200705120648-00018.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980328083,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998032808303833}","num_words":156,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ukraine ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo da asi ɖe edzi be asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta nye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe si ta wòle be woakpɔ eɖanye aʋawɔɣi hã.\nUkraine Ʋɔnudrɔ̃ƒewo Da Asi Ðe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi Le Ameyɔyɔ Hena Asrafodɔwɔwɔ Le Aʋawɔɣi\nUkraine ʋɔnudrɔ̃ƒewo gblɔ be womate ŋu axe mɔ ɖe asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta nu le dukɔa ƒe dedienɔnɔ ta o.\nGbadagbawo xɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo sesẽe. Ŋutasẽnuwɔna dzro aɖewo koea, alo ɖe wole Ðasefoawo yome tima?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/ukraine\/","date":"2020-07-10T16:13:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655911092.63\/warc\/CC-MAIN-20200710144305-20200710174305-00508.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992688298,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992688298225403}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.173,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU LE GETSEMANE-BƆA ME\nEƑE FIFIA ZU ABE ƲU ENE LE GEGEM TOŊTOŊ\nYesu do gbe ɖa kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo vɔ. Esi 'wodzi kafukafuhawo vɔ la, woyi Amito la dzi.' (Marko 14:26) Woɖo ta ɣedzeƒe gome yina Getsemane-bɔa me, afi si Yesu lɔ̃a yiyi.\nEsi wova ɖo amitibɔ sia si me nɔnɔ nyoa ame ŋu me la, Yesu gblẽ apostoloawo dometɔ enyi ɖe megbe. Ðewohĩ wonɔ abɔa ƒe mɔnu lɔƒo, elabena egblɔ na wo be: \"Minɔ anyi ɖe afi sia, ne mayi afi mɛ aɖado gbe ɖa.\" Yesu kplɔ apostolo etɔ̃, siwo nye Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi, eye woyi ŋgɔ vie le abɔa me. Azɔ Yesu tsi dzi ŋutɔ le eɖokui me, eye wògblɔ na ame etɔ̃awo be: \"Mele nu xam ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.\"—Mateo 26:36-38.\nEsi Yesu zɔ yi ŋgɔ vie tso wo gbɔ la, \"edze klo tsyɔ mo anyi hede asi gbedodoɖa me.\" Nu ka ŋue wòle gbe dom ɖa le na Mawu le ɣeyiɣi sesẽ sia me? Edo gbe ɖa be: \"Fofo, ètea ŋu wɔa nuwo katã; na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nu si medi o, ke boŋ nu si nèdi.\" (Marko 14:35, 36) Nu kae eƒe nyaa fia? Ðe wòfia be megadi be yeanye Tafexela oa? Gbeɖe!\nEsime Yesu nɔ dziƒo la, ekpɔ ale si Romatɔwo wɔa funyafunya ame siwo wotso kufia na. Fifia si Yesu va zu amegbetɔ si si seselelãme le, si ate ŋu ase veve la, madi be yeakpe fu nenema aku hafi o. Gake nu si gado nuxaxa nɛ wue nye be, ekpɔe be ale si woawu ye abe nu vlo wɔla ɖigbɔ ene la ate ŋu ahe vlododo ava ye Fofo ƒe ŋkɔa dzi. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, woahee ɖe ati ŋu abe ame si nye busunyagblɔla ɖe Mawu ŋu ene.\nEsi Yesu do gbe ɖa ʋuu vɔ la, etrɔ gbɔ va kpɔ be apostolo etɔ̃awo le alɔ̃ dɔm. Egblɔ na Petro be: \"Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.\" Yesu de dzesii be nu te apostoloawo hã ŋu eye zã hã tsi. Eya ta egblɔ kpee be: \"Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.\"—Mateo 26:40, 41.\nAzɔ Yesu gatrɔ dzo zi evelia ɖado gbe ɖa na Mawu be wòana \"kplu sia\" nato ye ŋu. Esi wòtrɔ va la, ekpɔe be apostolo etɔ̃awo gale alɔ̃ dɔm le ɣeyiɣi si me wòle be woanɔ gbe dom ɖa be yewomagadze tetekpɔ me o. Esi Yesu ƒo nu na wo la, \"womenya nya si woagblɔ atsɔ aɖo eŋu nɛ o.\" (Marko 14:40) Yesu gatrɔ dzo yi zi etɔ̃lia ɖadze klo do gbe ɖa.\nYesu tsi dzi vevie ɖe vlododo si ava Fofoa ƒe ŋkɔ dzi ne wowu ye abe nu vlo wɔla ene la ŋu. Yehowa hã nɔ Via ƒe gbedodoɖawo sem, eye wòdɔ eƒe dɔla aɖe ɖa wòva do ŋusẽe. Gake esia mewɔe be Yesu dzudzɔ kokoƒoƒo na Fofoa o, ke boŋ 'egado gbe ɖa vevie wu.' Etsi dzodzodzoe ale gbegbe. Agba kpekpe ka gbegbee nye esi le edzi! Eya ŋutɔ kple amegbetɔ siwo si xɔse le la ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe eya amea dzi. Le nyateƒe me la, \"eƒe fifia zu abe ʋu ene le gegem ɖe anyigba.\"—Luka 22:44.\nEsi Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ zi etɔ̃lia la, egakpɔ be wole alɔ̃ dɔm. Egblɔ be: \"Ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm ahanɔ ɖiɖim ɖe emea? Kpɔ ɖa, gaƒoƒo la de be woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nu vɔ̃ wɔlawo. Mitso, mina míadzo. Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.\"—Mateo 26:45, 46.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/do-gbe-%C9%96a-getsemane-b%C9%94\/","date":"2020-07-12T23:54:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657140337.79\/warc\/CC-MAIN-20200712211314-20200713001314-00506.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967061281,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967061281204224}","num_words":599,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Yehowa nana nyateƒea ƒe kuwo tsina le \"ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ\" la ƒe dziwo me. (Dw 13:48; 1Ko 3:7) Míewɔa dɔ kple Yehowa ne míele gbeadzi eye míena míaƒe susu nɔa ame siwo le agbagba dzem be yewoawɔ ɖe nu siwo yewosrɔ̃na dzi la ŋu. (1Ko 9:26) Ele be Biblia nusrɔ̃viwo nase egɔme be ele vevie be ame naxɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔ hafi ate ŋu akpɔ ɖeɖe. (1Pe 3:21) Ne míekpe ɖe wo ŋu be woazã nu siwo srɔ̃m wole atsɔ awɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me, aɖe gbeƒã, afia nu amewo, eye woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke míele kpekpem ɖe wo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo.—Mt 28:19, 20.\nALE SI NÀWƆE:\nÐo ŋku edzi na Biblia nusrɔ̃viwo be taɖodzinu si le nu si srɔ̃m wole ŋue nye be wòakpe ɖe wo ŋu \"woanya\" Yehowa, eye wòana woƒe nu nadze eŋu.—Yh 17:3\nKpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anɔ te ɖe kuxiwo abe nɔnɔme gbegblẽwo kple hadede vɔ̃wo ene nu, eye woato esia dzi ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me\nDo ŋusẽ wo hafi woaxɔ nyɔnyrɔ eye ne woxɔe vɔ megbe hã, yi edzi nanɔ ŋusẽ dom wo.—Dw 14:22\nMIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA MAWU AKPE ÐE ŊUWÒ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu kawoe ate ŋu awɔe be ame aɖe navɔ̃ be yeaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ?\nAleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me?\nNu kae Yesaya 41:10 fia mí tso Yehowa ŋu?\nNɔnɔme kawoe akpe be ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa wòadze eŋu togbɔ be míede blibo o hã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec10-16\/kpe-%C9%96e-ame-siwo-si-dzi-%C6%92e\/","date":"2020-08-06T20:15:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737019.4\/warc\/CC-MAIN-20200806180859-20200806210859-00008.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978117347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978117346763611}","num_words":265,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukatae Yesu si wofɔ ɖe tsitre la lɔ̃ be Toma naka asi ye ŋu evɔ melɔ̃ be Maria Magdalatɔ ya naka asi ye ŋu do ŋgɔ o?\nBiblia gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo na wòdze abe ɖe Yesu gblɔ na Maria Magdalatɔ be wòagaka asi ye ŋu o ene. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe Eʋegbe Biblia xlẽ be: \"Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o.\" (Yohanes 20:17) Gake woɖea Helagbe me dɔwɔnya si nye 'ka asi eŋu' gɔme zi geɖe wòfiana be \"woaku ɖe ame ŋu goŋgoŋ, woawɔ atuu na ame, woakpla ame, woava ame goŋgoŋ, woaƒo asi ame.\" Edze ƒãa be menye ɖe Yesu gbe be Maria Magdalatɔ nagaka asi ye ŋu ko o, elabena eɖe mɔ na nyɔnu bubu siwo va ameɖibɔa me 'wolé eƒe afɔwo.'—Mateo 28:9.\nEgbegbe gɔmeɖeɖe aɖewo, abe New World Translation of the Holy Scriptures, The New Jerusalem Bible, kple The New English Bible ene, kpe ɖe mía ŋu be míase Yesu ƒe nyawo gɔme ŋutɔŋutɔ to afima gɔmeɖeɖe be \"dzudzɔ kuku ɖe ŋunye\" me. Nukatae Yesu agblɔ nya ma na Maria Magdalatɔ, si nye exɔlɔ̃ vevi la?—Luka 8:1-3.\nÐewohĩ Maria Magdalatɔ anya susui be Yesu adzo ayi dziƒo le gaƒoƒo ma me. Le alesi wòdi vevie be yeanɔ yeƒe Aƒetɔa ŋu ta la, enɔ kukum ɖe Yesu ŋu vevie eye medi kura be wòadzo o. Be Yesu naka ɖe edzi nɛ be yemadzo le gaƒoƒo ma me o la, Yesu gblɔ na Maria be wòadzudzɔ kuku ɖe ye ŋu ne wòayi aɖagblɔ yeƒe tsitretsitsia ŋu nya na yeƒe nusrɔ̃lawo boŋ.—Yohanes 20:17.\nDzeɖoɖo si yi edzi le Yesu kple Toma dome la to vovo. Toma menɔ anyi hafi Yesu do ɖe eƒe nusrɔ̃la aɖewo dzi o. Emegbe la, Toma ke ɖi le Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu hegblɔ be yemaxɔe se o vaseɖe esime yeakpɔ gatagbadzɛ si woda Yesu la ƒe abiawo ahaƒo asi ɖe akplɔ si wotɔ axadame nɛ ƒe abidoa me hafi. Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu gado ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi ake. Fifia ya, Toma nɔ anyi, eye Yesu kpee be woava ƒo asi ɖe abidoawo me.—Yohanes 20:24-27.\nEyata le Maria Magdalatɔ gome la, Yesu nɔ Maria ƒe nukpɔsusu manyomanyo si nye be wòa sika ye ɖi bene yemagadzo o la ɖɔm ɖo; le Toma gome la, Yesu nɔ kpekpem ɖe eyama ŋu be woaɖɔ ɖikeke si ɖo eme la ɖo. Le goawo kple evea siaa me la, susu nyui aɖewo tae Yesu wɔ nu nenema ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041201\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-08-11T09:59:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00044.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972842336,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972842335700989}","num_words":408,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nNe nuwo le totrom madzudzɔmadzudzɔe.\nDzi Fatima dzɔm tso nusiwo trɔna tɔa eme madzudzɔmadzudzɔe abe xexeame la ŋuti.Dzro agbalɛ sia me kple Fatima kpakple eƒe xɔlɔ̃wo.\nAnyieʋɔ ƒe amadede adrea wo.\nLé ŋku ɖe nɔwòƒe. Ɖee nekpɔ anyieʋɔ ƒe amadede adrea wo mahã?\nکیا ہوتا اگر؟\nخلاصہ: حشام کو صبح سکول جانے سے پہلے برش کرتے پہوئے بُہت ذیادہ نیند آرہی ہوتی ہے لیکن اس دوران بڑے بڑے خواب دیکھنا اُس کے لئے بُہت آسان ہے۔\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nATIGLINYI LE XƆ LA ME.\nLinda kpɔ atiglinyi gã aɖe le eƒe xɔme.Gake atigliglinyi aɖe lee nyateƒea?Esi ame aɖeke me xɔese oa?\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2020-08-08T09:08:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737319.74\/warc\/CC-MAIN-20200808080642-20200808110642-00117.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9935061932,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9935061931610107}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Ele be míasrɔ̃ Yesu eye míaɖi ɖase na nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu. (Yh 18:37) Ele be míakpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu hã, agblɔ nyateƒea, eye míabu nu siwo katã nye nyateƒe ŋu, togbɔ be míele xexe si me alakpadada kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖo hã.—1Ko 13:6; Flp 4:8.\nALE SI NÀWƆE:\nÐoe be yemanɔ to ɖom ameŋugblẽnyawo alo anɔ wo kakam o.—1Te 4:11\nMègakpɔ dzidzɔ ne vɔ̃ dzɔ ɖe ame aɖe dzi o\nDzi nedzɔ wò ɖe nu nyui siwo tua ame ɖo la ŋu boŋ\nMIKPƆ VIDEO SI NYE \"MILƆ̃ MIA NƆEWO\"—KPƆ DZIDZƆ ÐE NYATEƑE ŊU, KE MENYE ÐE NU MADZƆMADZƆ ŊU O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nMɔ ka nue Juli 'kpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu' le?\nAleke Alice trɔ dze si ɖom wònɔ kple Juli la wòva ku ɖe nu nyuiwo ŋu?\nNu nyui siwo ŋu míate ŋu aɖo dze tsoe dometɔ aɖewo ɖe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct29-nov4\/kp%C9%94-dzidz%C9%94-%C9%96e-nyate%C6%92ea-%C5%8Bu\/","date":"2020-08-04T02:19:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735851.15\/warc\/CC-MAIN-20200804014340-20200804044340-00406.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976578355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997657835483551}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristotɔ gbãtɔawo ɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia yi anyigba ƒe seƒe ke. Yesu fia afi si woaɖe gbeƒã le la wo eye wòkpe ɖe wo ŋu nukutɔe wofia nu amewo le wo degbe me. Yehowa na wo dzideƒo kple ŋusẽ be woaɖu yometiti sesẽwo dzi.\nYesu na apostolo Yohanes kpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega aɖe me. Le ŋutega bubu me la, Yohanes kpɔ Dziƒofiaɖuƒea wòɖu Satana dzi eye wòxɔ ŋusẽ le esi tegbee. Yohanes kpɔ Yesu wònɔ Fia ɖum eye eƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le eŋu. Yohanes gakpɔ anyigba bliboa wòzu paradiso. Ame sia ame le Yehowa subɔm le ŋutifafa me eye wowɔ ɖeka.\nLE AKPA SIA\nŊusẽ wɔnuku kae gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo?\nSubɔsubɔhakplɔla siwo wu Yesu la dze agbagba be yewoana nusrɔ̃lawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Gake womate ŋui o.\nSaul lé fu Kristotɔwo vevie, gake eteƒe madidi o atrɔ.\nNu ka tae Yehowa dɔ Petro be wòayi ŋutsu sia si menye Yudatɔ o la ƒe aƒe me?\nApostolo Paulo kple ehati dutanyanyuigblɔlawo dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le teƒe didiwo.\nAkpa kae gbɔgbɔ aɖe, anyigbaʋuʋu, kple yi aɖe wɔ le ŋutinya sia me?\nWo ame evea wɔ dɔ ɖekae abe xɔlɔ̃wo kple hatisubɔlawo ene ƒe geɖe.\nMɔa zɔzɔ menɔ bɔbɔe o, gake naneke mete ŋu xe mɔ na apostolo sia o.\nYesu ɖe ŋutega aɖewo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la fiae.\nNu siwo woɖe fia Yohanes na míekpɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ana nuwo natrɔ le anyigba dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/","date":"2020-08-09T10:04:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738523.63\/warc\/CC-MAIN-20200809073133-20200809103133-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978580475,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978580474853516}","num_words":239,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ɣletigbalẽ si míezãna egbea nu la, nane dzɔ ɖe Babilon si nye Babilon Fiaɖuƒea ƒe fiadu la dzi le October 5 kple 6 le ƒe 539 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.) ƒe zã me togbɔ be edze abe nu ma mate ŋu adzɔ o ene hã. Le zã ɖedzesi ma me la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe aʋakɔ aɖe va xɔ dua, aʋafia si nɔ ŋgɔ na woe nye Persia Fia Kores si wogayɔna be Kores Gãtɔ. Ezã aʋawɔɖaŋu wɔnuku aɖe.\nALE SI KORES WƆ XƆ BABILON\nAgbalẽ aɖe gblɔ be: \"Esime Kores tso ɖe Babilon ŋu la, Babilon nye Titina Ɣedzeƒe-du si xɔ ŋkɔ wu ɣemaɣi—ɖewohĩ eyae nye du si xɔ ŋkɔ wu le xexea me godoo.\" (Ancient World Leaders—Cyrus the Great) Babilon dua le Frat-tɔsisi dzi, eye tɔsisi sia me tsiwo yɔ ʋe gã globo siwo woɖe ƒo xlã dua ƒe gli kɔkɔwo hã, eye nu siawo katã na wòdze abe womate ŋu axɔ dua o ene.\nKores ƒe amewo trɔ mɔ na Frat-tɔsisia me tsiwo le Babilon dua ƒe dzigbe gome, eye esia na tɔsisia ƒe akpa si si to dua me la mie. Azɔ aʋawɔlaawo zɔ to tsia me ɖaɖo dua ƒe agbo si wogblẽ ɖe nuvo la nu, woxɔ Babilon, eye dua me tɔwo mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Blemaŋutinyaŋlɔla Herodotus kple Xenophon gblɔ be le zã si me wodze dua dzi la, Babilontɔwo ka ɖe dua ta kpɔnuwo dzi eye wosusui be yewole dedie ale gbegbe be wo dometɔ geɖewo nɔ aglo tum, eye fia ŋutɔ hã nɔ eme. (Kpɔ aɖaka si nye \"Asinuŋɔŋlɔa Le Glia Ŋu.\") Gawu la, Kores ƒe aʋadziɖuɖu sia na Biblia me nyagblɔɖi ɖedzesi aɖewo va eme.\nBiblia gblɔe ɖi be Kores axɔ Babilon\nNYAGBLƆÐI ÐEDZESI AÐEWO\nYesaya ƒe nyagblɔɖiwo ɖe dzesi ŋutɔ, elabena woŋlɔ wo ɖi xoxo anɔ abe ƒe 200 ene do ŋgɔ—ɖewohĩ ƒe 150 do ŋgɔ na Kores dzidzi! Kpɔ esiawo dometɔ aɖewo ɖa:\nÐEÐEKPƆKPƆ WƆNUKU AÐE\nDo ŋgɔ la, Babilon ƒe aʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye wokplɔ agbetsilawo ƒe akpa gãtɔ yi aboyo me. Ƒe nenie Yudatɔwo anɔ aboyoa me? Mawu gblɔ be: 'Ne ƒe blaadre la de vɔ la, ekema mahe to na Babel-fia kple dukɔ ma kpakple Kaldea-nyigba le woƒe vodada ta, eye matsɔe awɔ gbegbee ɖikaa.'—Yeremiya 25:12.\nAbe ale si míegblɔe va yi ene la, Kores xɔ Babilon le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Emegbe kpuie la, ena ablɔɖe Yudatɔwo, eye wova ɖo wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me, esia nye ƒe 70 pɛpɛpɛ le esime woɖe aboyo wo megbe. (Ezra 1:1-4) Eye Babilon ŋutɔ ya zu \"gbegbe ɖikaa,\" esia hã gaɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo nye nyateƒe.\nALEKE NYA SIAWO KA WÒE?\nBu esia ŋu kpɔ: Biblia gblɔe ɖi be (1) Yudatɔwo anɔ aboyo me ƒe 70, (2) Kores axɔ Babilon eye wògblɔ aʋawɔɖaŋu si wòazã ƒe akpa veviwo ŋu nya ɖi, (3) Babilon azu gbegbe ɖikaa. Amegbetɔ dzro aɖeke mate ŋu anya nya mawo ahagblɔ wo ɖi o! Nyataƒoƒo si me susu le wue nye be: \"Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ . . . wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.\" (2 Petro 1:21) Vavãe, ele be míatsɔ ɖe le Biblia ƒe nyawo me.\n^ mm. 36 Nya siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ga ƒe kpekpeme aɖe. Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 7 lia hena numekɔkɔ bubuwo. Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201305\/kores-g%C3%A3t%C9%94\/","date":"2020-08-13T23:56:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992112517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992112517356873}","num_words":550,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eya ta míaƒe ŋkɔ Yehowa Ðasefowo dea dzesi mí be míenye Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ɖea gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Yehowa, ame si nye nuwo katã Wɔla la ŋu. (Nyaɖeɖefia 4:11) Míeɖea gbeƒã na amewo to míaƒe agbenɔnɔ kple nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me la dzi.—Yesaya 43:10-12; 1 Petro 2:12\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nAfi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔ Woƒe Ŋkɔ Tsoe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/%C5%8Bk%C9%94-yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2020-08-07T14:44:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737204.32\/warc\/CC-MAIN-20200807143225-20200807173225-00206.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983894825,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998389482498169}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò\"\n2:5-12\nNu kae míesrɔ̃ tso nukunu sia me?\n-\nNu vɔ̃ si dome míenyi ye nana míedzea dɔ\n-\nŊusẽ le Yesu si be wòada dɔ na dɔnɔwo eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake\n-\nYesu aɖe blibomademade kple dɔlélewo ɖa tegbee le Fiaɖuƒea te\nAleke Marko 2:5-12 ate ŋu akpe ɖe ŋunye ne mele dɔ lém?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr16-22\/wots%C9%94-w%C3%B2-nu-v%C9%94%CC%83wo-ke-w%C3%B2\/","date":"2020-08-15T05:45:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740679.96\/warc\/CC-MAIN-20200815035250-20200815065250-00290.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999378264,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993782639503479}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle ne nàtsi dzi ɖe nu siwo nèdona la ŋu? Elabena míaƒe nudodowo ƒoa nu tso mía ŋu. Nya kae wò nudodowo gblɔna tso ŋuwò?\nAwudodo ƒe atsyãwo ƒe vodada gã etɔ̃ kple ale si nàwɔ aƒo asa na wo\nVodada #3: Bubu be ne yedo awu wònyɔ dzodzro ɖe amewo mee nye nyuitɔ.\nNyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Jennifer gblɔ be: \"Le nyateƒe me la, edzroam ɣeaɖewoɣi be mado awu si anyɔ dzodzro ɖe ame me. Awuwo abe awu kpuiwo, awu miamiawo alo awu si me ameti bliboa nɔa dzedzem le ene.\"\nMɔ Nyuitɔ: Biblia gblɔ be: \"Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ . . . o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla.\" (1 Petro 3:3, 4) Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame sia la, nu kae ana ame ƒe nu nalé dzi na amewo wu—gotagomenyonyo loo alo ememenyonyo ye?\nAɖaŋuɖoɖo: Wogblɔna be 'atsyã si dzɔa dzi na wò wu' lae sɔ na wò. Nyateƒeae nye be ame geɖewo megada asi ɖe nya ma dzi egbea o. Gake bu eŋu kpɔ:\nÈɖo dze kple ame aɖe kpɔ eye eya ɖeka xɔ nya katã gblɔ eye wònɔ nu ƒom fũu tso eɖokui ŋua? Nublanuitɔe la, amea ŋutɔ menya kura be yeƒe nuwɔna te ɖe dziwò o!\nNe èdzrana ɖo ɖekematsɔlemetɔe la, ke àɖi ame ma. Wò nudodowo ana amewo nasusui be ele gbɔgblɔm be, 'Kpɔm ɖa,' eye esia ana wò ŋutɔ nàdo kpo vovo le ɖokuiwò me alo wò susu katã nanɔ ɖokuiwò ŋu loo alo eve siaa. Ana wòadze na amewo hã be èdi be ame sia ame ƒomevi ƒe susu nava ye dzi faa—ame gblẽkuwo hã le eme.\nLe esi nànɔ boblo dom nane si dzram mèle o teƒe la, dzra ɖo nyuie. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Monica gblɔ be: \"Be nàdzra ɖo nyuie la, esia mele fiafiam be nàdzra ɖo abe mamawò ene o. Nu si wòfia koe nye be nàdzra ɖo wòade bubu ɖokuiwò kple ame bubuwo ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/aleke-nye-dzedzeme-le\/","date":"2020-09-21T07:51:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198942.13\/warc\/CC-MAIN-20200921050331-20200921080331-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988259077,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988259077072144}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe alafa ɖeka ye nye esi va yi la, ɖekakpui miliɔn geɖe gblẽ woƒe aƒe siwo me dziɖeɖi nɔ la ɖi heyi aʋagbedzi. Ale si wolɔ̃ woƒe dukɔ lae ʋã wo wolɔ̃ faa yi aʋa kple dzidzɔ. Amerika vidzidzi aɖe si lɔ̃ faa yi aʋa la gblɔ le ƒe 1914 me be: \"Dzi le dzɔyem ale gbegbe le ɣeyiɣi nyui siwo le ŋgɔ gbɔna ta.\"\nGake eteƒe medidi hafi nuxaxa kple aɖukliɖuɖu va xɔ ɖe woƒe dzidzɔa teƒe o. Ame aɖeke menya be aʋakɔ gã nyadri mawo ava tsi aʋagbedzi ƒe geɖe le Belgium kple France o. Ɣemaɣi la, wotsɔ ŋkɔ na aʋa sia be \"Aʋa Gã\" la. Egbea, míeyɔnɛ be xexemeʋa gbãtɔ.\nXexemeʋa gbãtɔ nye aʋa gã vavã, elabena ame geɖe tsi eme. Le akɔntabubu aɖe nu la, ame siwo ade miliɔn 10 ye ku le aʋa la me eye ame miliɔn 20 zu nuwɔametɔwo. Vodada gã aɖewoe he esiawo katã vɛ. Europa ƒe kplɔlawo mete ŋu kpɔ dukɔwo dome nyaʋiʋliwo gbɔ o, si wɔe be wodo gã ɖe edzi va zu xexemeʋa. Ðewohĩ nu si dzi ŋɔ wue nye ale si \"Aʋa Gã\" la na nuwo trɔ le xexea me kura. Eye tɔtrɔ siwo wòhe vɛ la gakpɔtɔ le nu gblẽm le mía ŋu va de asi na egbea.\nVODADA SIWO NA DZI ÐE LE AMEWO ƑO\nNuwo ŋu mabumabu nyuie ye he xexemeʋa gbãtɔ vɛ. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be, ale si Europa ƒe kplɔlawo wɔ nui \"le ƒe 1914 ƒe dzomeŋɔli nyui ma me la nɔ abe ame siwo alɔ̃ bla ŋku na siwo le ya mum sagasaga va do ɖe to kɔkɔ aɖe kɔgo evɔ womenya afɔku si le wo ŋgɔ o la ene.\"\nKwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe esime wowu Austriatɔwo ƒe fiavia la, Europa dukɔ sesẽwo katã kpe aʋa si womedi hafi o. Esi aʋa la fe ati eye wobia Germanytɔwo ƒe dudɔnunɔlagã le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe be, \"Nu kae he nu siawo katã vɛ?\" hã la, eɖo eŋu nublanuitɔe be: \"Ame aɖeke menya o lo.\"\nDziɖuɖumegã siwo wɔ nyametsotso siwo he aʋaa vɛ la menya nu si gbegbe wòagblẽ o. Gake eteƒe medidi hafi emetsonuawo va ɖi ɖe asrafoawo le aʋagbea dzi o. Wova kpɔe be ŋugbe si dziɖuɖumegãwo do na yewo la meva eme o, subɔsubɔhakplɔlawo ble yewo, eye aʋafiawo kplɔ yewo trae. Le mɔ ka nu?\nDziɖuɖumegãwo do ŋugbe be aʋa la ahe xexe yeye si me agbea ade ame dzi le wu la vɛ. Germanytɔwo ƒe dudɔnunɔlagã gblɔ be: \"Míele aʋa wɔm be míaƒe dɔwɔɖuiwo nakpɔ dzidzedze le ŋutifafa me, be dziɖeɖi si míekpɔ tsã nazu míaƒe domenyinu, eye etsɔme nanyo na mí.\" Amerika Dukplɔla Woodrow Wilson ƒe nya si wògblɔ tsɔ de dzi ƒo na amewo be aʋa la \"ana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be demokrasi naxɔ aƒe ɖi\" la va zu nya si tsi amewo nu. Eye le Britain (Grande-Bretagne) la, amewo susu be aʋa la nye \"aʋa si atsi aʋawɔwɔwo nu.\" Gake wo katã woda ƒu.\nSubɔsubɔhakplɔlawo de dzi ƒo na amewo vevie be woawɔ aʋa la. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: \"Ame siwo wòle be woafia Mawu ƒe nyaa amewo la de dzi ƒo na wo be woayi aʋa. Aʋa sia si ŋu dukɔ blibowo kpe asi ɖo la wɔe be fuléle va keke ta.\" (The Columbia History of the World) Eye subɔsubɔhakplɔla siwo wòle be woatsi fulélea nu la boŋue ƒlɔ dzo ɖe ete. Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be: \"Le esi teƒe be subɔsubɔhakplɔlawo nalé Kristotɔwo ƒe xɔsea me ɖe asi la, wova de dulɔlɔ̃ dzi boŋ. Wo dometɔ akpa gãtɔ tiae be yewoade aʋa la dzi, eye wona wòdze abe Kristotɔnyenye bia be ame nawɔ nuteƒe na eƒe dukɔa ene. Wode dzi ƒo na asrafo Kristotɔ siwo nye ha vovovoawo me tɔwo la be woawu wo nɔewo le woƒe Ðela la ƒe ŋkɔ me.\"\nAʋafiawo do ŋugbe be yewoaɖu aʋa la dzi bɔbɔe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, gake meva eme nenema o. Eteƒe medidi o, asrafo siwo kpe aʋa la va kpɔe be yewole aʋa si dzi yewomate ŋu aɖu o la wɔm. Esia wɔe be asrafo miliɔn geɖewo va kpɔ wo ɖokuiwo le aʋa aɖe si ŋuti ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ le be \"ɖewohĩ dzigbagbã kple vevesese manyagblɔ si gbegbe teƒe ame gbogbo mawo kpɔ la medzɔ kpɔ o\" la me. Togbɔ be amewo ku nenema gbegbe hã la, aʋafiawo gayi edzi nɔ asrafoawo dɔm ɖe aʋa la ŋgɔ togbɔ be wotsɔ gaviwo xe mɔ na wo eye tu siwo wodana trena ɖe enu la nɔ wo lɔm hã. Eya ta mewɔ nuku o be, asrafo geɖewo va gbe toɖoɖo aʋafiawo mlɔeba.\nAleke xexemeʋa gbãtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi? Ŋutinyagbalẽ aɖe gbugbɔ asrafo aɖe si hã de aʋaa gbɔ ƒe numenyawo gblɔ be: \"Aʋaa . . . trɔ dzidzime blibo aɖe ƒe nuŋububu kple nɔnɔmewo.\" Le nyateƒe me la, aʋa sia na be fiaɖuƒe blibowo nu yi. Aʋa ma nye aʋa dziŋɔ siwo va kplɔe ɖo la ƒe gɔmedzedze ko, eye esia wɔe be ƒe alafa ma va zu esi me wokɔ ʋu ɖi le wu le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me. Eyome la, dziɖuɖuwo mumu ƒu anyi kple aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu va xɔ aƒe ɖi.\nNu ka tae aʋa la na nu sia nu trɔ? Nudogoɖenunu dzro aɖe koe wònyea? Ðe nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo nyanya akpe ɖe mía ŋu míanya ale si etsɔme ava nɔ na mía?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140201\/xexeme%CA%8Ba-gb%C3%A3t%C9%94-si-tr%C9%94-xexea\/","date":"2020-09-21T07:23:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198942.13\/warc\/CC-MAIN-20200921050331-20200921080331-00417.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987162352,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987162351608276}","num_words":881,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"176. Le ɖokuibɔbɔ deto me\ntraduit de « Dans l'humilité profonde »\n1.\nLe ɖokuibɔbɔ deto me,\nLe wò blukɔ mɔ la dzi,\nXexeame tsri wò, amesi\nLɔ̃ le asi dom ɖo ɖee\nWò, si ƒe lɔlɔ̃ xɔa na 'me\nKpɔa nublanui de blibo,\nEye wòwɔa nyui ɖe nyui dzi\nNa ame fɔɖilawo.\n2.\nKesinɔnu gãa kae nye si\nWò lɔlɔ̃dzi ʋu na mí !\nKekeli, kɔkɔenyenye sɔŋ\nMawu ŋutɔ kpɔ l'eme ;\nMawuviwo to xɔse me,\nMíeyɔ kple wò nunyuiwo,\n'Ye míateŋ' zɔ wò fliwo me\nLe wò lɔlɔ̃ ma ke me.\n3.\nNe mía ŋutilã le fu kpem\nLe ŋukpe, vevesese,\nNuxaxa kple dɔ wɔwɔ me,\nOo Ɖela ! Wò kpɔɖeŋu\nNado ŋusẽ mí gbesiagbe,\nTogbɔ be míegbɔdzɔ hã\nNe míaɖe wò kɔkɔenyenye\nƑe nɔnɔme la afia.\n4.\nMíava xɔ teƒewo kpui\nLe kɔkɔeƒe nuɖu kplɔ̃a ŋu,\nAfisi míakpɔ wò mo le,\nAlẽvi si woasubɔ\nMíaxɔ wò ŋutikɔkɔe la,\n'Ye woaɖo atsyɔ̃ na mí,\nYesu, míakpɔ ƒoɖiɖi le\nWò nɔnɔmexɔxɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/cantiques.yapper.fr\/Ewe\/HeC_176-Ewe.html","date":"2020-09-29T18:22:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400202418.22\/warc\/CC-MAIN-20200929154729-20200929184729-00489.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9925756454,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9925756454467773}","num_words":153,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae ameɖokuisisi nye?\nAmeɖokuisisi nye eɖoɖo koŋ atsɔ lãnuwo anɔ nu vevi wɔm ame ɖokui. Esia nye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui gbogbo siwo li la dometɔ ɖeka ko. Ðewoe nye dzotsɔtsɔ amè ame ɖokui kple ameɖokuiƒoƒo. Nyati sia ku ɖe ameɖokuisisi ŋu, gake mɔfiame siwo le eme ate ŋu akpe ɖe ame siwo wɔa nu vevi bubuwo wo ɖokuiwo hã ŋu.\nDo wò sidzedze kpɔ: Nyateƒee alo aʋatsoe.\nNyɔnuviwo koe sia wo ɖokuiwo.\nAmeɖokuisisi nye Biblia ƒe sedede si le 3 Mose 19:28 si gblɔ be: 'Migasi mia ɖokuiwo o' la dzi dada.\nŊuɖoɖo nyuitɔwo:\nAʋatsoe. Togbɔ be nyɔnuviwo koŋue sia wo ɖokuiwo hã la, ŋutsuvi aɖewo hã sia wo ɖokuiwo eye wowɔa nu vevi ƒomevi bubuwo hã wo ɖokuiwo.\nAʋatsoe. Nya si 3 Mose 19:28 gblɔ la ku ɖe trɔ̃subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kɔnuwo ŋu, ke menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui si ŋu míele nu ƒom tsoe le nyati sia me ŋu o. Ke hã susu le eme be míaƒo nya ta be mía Wɔla lɔ̃ame la medi be míawɔ nu vevi mía ɖokuiwo o.—1 Korintotɔwo 6:12; 2 Korintotɔwo 7:1; 1 Yohanes 4:8.\nNu ka tae amewo wɔa nu sia?\nDo wò sidzedze kpɔ: Nya siawo dometɔ kae nèsusu be enye ŋuɖoɖo nyuitɔ?\nAmewo sia wo ɖokuiwo . . .\nbe yewoatsi nuxaxa nu.\nbe yewoawu yewo ɖokuiwo.\nŊuɖoɖo nyuitɔ: A. Ame siwo sia wo ɖokuiwo ƒe akpa gãtɔ medina be yewoaku o. Ðeko wowɔnɛ be yewoatsɔ atsi nuxaxa nu.\nKpɔ nya siwo sɔhɛ siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa.\nCelia : \"Enana nye dzi dzea eme.\"\nTamara: \"Ewɔna nam abe ɖe nuxaxa nu yi ene. Veve si ame sena ne ewɔ nu vevi eɖokui la nyo sãsãsã wu nuxaxa.\"\nCarrie: \"Nyemedina be malé blanui kura o. Ne mesi ɖokuinyea, nye susu meganɔa nye blanuilélea dzi o, nye susu va nɔa abi si le veyem la boŋ dzi.\"\nJerrine: \"Ɣesiaɣi si mesi ɖokuinyea, nye susu dzona le kuxi ɖe sia ɖe kloe dzi, eye megahiãna be makpe akɔ kple nye kuxiwo o. Tɔtrɔ sia dzɔa dzi nam.\"\nNe kuxi sia le ŋuwò la, aleke nàwɔ atasii?\nGbedodoɖa na Yehowa nye nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòdzudzɔa nuwɔna sia. Biblia gblɔ be: 'Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.'—1 Petro 5:7.\nAɖaŋuɖoɖo: Gbã la, do gbe kpui aɖe ɖa, ɖewohĩ nàgblɔ na Yehowa ko be, \"Mehiã kpekpeɖeŋu.\" Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutete ava su asiwò nàgblɔ wò dzimenya geɖewo na \"akɔfafa katã ƒe Mawu\" la.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.\nMenye susumenu dzro aɖe si nana ame sena le eɖokui be yekpɔ gbɔdzɔe gbedodoɖa nye o. Enye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple Fofowò si le dziƒo, ame si do ŋugbe be: \"Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.\"—Yesaya 41:10.\nAme siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ geɖe kpɔ gbɔdzɔe esi woƒo nu tso woƒe kuxia ŋu na wo dzilawo alo ame tsitsi aɖe si dzi woka ɖo. Se nya siwo sɔhɛ siawo dometɔ etɔ̃ gblɔ la ɖa.\nBiabia Siwo Ŋu Nàde Nugble Le\nNe èdi be yeabia kpekpeɖeŋu la, ame kae nàdi be yeaƒo nu tso yeƒe kuxiawo ŋu na?\nNya kae nàte ŋu agblɔ tso kuxia ŋu ne èle gbe dom ɖa na Yehowa Mawu?\nÀte ŋu ayɔ mɔnu eve aɖewo (siwo menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui o) siwo dzi nàto aɖu wò nuteɖeamedzi kple nuxaxaa dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nu-ka-tae-mesia-%C9%96okuinye\/","date":"2020-09-20T17:58:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198287.23\/warc\/CC-MAIN-20200920161009-20200920191009-00660.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968238473,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968238472938538}","num_words":565,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"4 Mi viwo, mise mia fofo ƒe amehehe;+Miɖo to, ne gɔmesese nasu mia si, 2 Elabena mɔfiame nyui nam mele mi;Migagbe nye nufiame* o.+ 3 Vi vavã aɖee menye na fofonye,+Eye vi malɔ̃nugbɔe menye na danye.+ 4 Efia num eye wògblɔ nam be: \"Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu vevie.+ Lé nye sededewo me ɖe asi, ne nànɔ agbe.+ 5 Ƒle nunya, eye nàƒle gɔmesese.+ Mègaŋlɔe be o, eye mègate ɖa le nye nyawo ŋu o. 6 Mègagblẽe ɖi o, ekema adzɔ ŋuwò. Lɔ̃e, ekema akpɔ tawò. 7 Nunyae nye nu vevitɔ,+ eya ta dze nunya,Eye hekpe ɖe nu siwo katã su asiwò ŋu la, ƒle gɔmesese+ hã. 8 De asixɔxɔ gã eŋu, ekema ado wò ɖe dzi.+ Kpla asi kɔ nɛ, ekema ahe bubu vɛ na wò.+ 9 Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe ta na wò;Atsyɔ̃fiakuku wòanye le ta na wò.\" 10 Vinye, see, eye nàxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe,Ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.+ 11 Mafia nunyamɔ wò;+Eye makplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo.+ 12 Ne èle zɔzɔm la, naneke maɖo ata me na wò o;Eye ne èle du ƒum la, màkli nu o. 13 Và amehehe goŋgoŋ; mègana wòado le asiwò me o.+ Lé eme ɖe asi, elabena eyae nye wò agbe.+ 14 Mègaɖo afɔ ame vɔ̃ɖiwo toƒe o,Eye mègazɔ ame baɖawo ƒe mɔ dzi o.+ 15 Ƒo asa nɛ, mègato edzi o;+Dze to afi bubu, nàto eŋu ayi.+ 16 Elabena ne womewɔ vɔ̃ o kpaa, womedɔa alɔ̃ o. Ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃ buna ɖe wo. 17 Elabena vɔ̃ɖinyenyee nye abolo woɖuna,Eye ŋutasesẽe nye aha wonona. 18 Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeliSi nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.+ 19 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe blukɔ ene;Womenya nu si na wole nu klim o. 20 Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu;Ƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu nyuie. 21 Womegate ɖa le ŋkuwòme o;Dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeƒe ke,+ 22 Elabena agbe wonye na ame siwo kena ɖe wo ŋu,+Kple lãmesẽ na ameti* blibo la. 23 Dzɔ wò dzi ŋu+ wu nu bubu ɖe sia ɖe,Elabena eya mee agbe tsona. 24 Nya totrowo meganɔ nu na wò o,+Te alakpanuyi ɖa xaa tso ɖokuiwò gbɔ. 25 Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe,Ɛ̃, wò ŋku nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò tẽe.*+ 26 Ðe toƒe sɔsɔe na wò afɔ,*+Ekema kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu. 27 Mègadze ɖe ɖusi alo mia me o.+ Te wò afɔ ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nye se.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋutilã.\"\n^ Alo, \"wò ŋku siwo dzi kɔ la nekpɔ ŋgɔwò tẽe.\"\n^ Alo, \"Lé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu nyuie.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/lododowo\/4\/","date":"2020-09-21T07:17:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198942.13\/warc\/CC-MAIN-20200921050331-20200921080331-00669.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987744093,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987744092941284}","num_words":416,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.285,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Todzimɔ dzi Hadzidzi. 125 Ame siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la+Le abe Zion To, si mate ŋu aʋã oEye wòli tegbee la ene.+ 2 Ale si towo ƒo xlã Yerusalem godoo la,+Nenemae Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ la,+Tso fifia yi mavɔmavɔ me. 3 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo dzi o,+Ne ame dzɔdzɔewo nagatrɔ ɖe* nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu o.+ 4 Oo Yehowa, wɔ nyui na ame nyuiwo,+Wɔ nyui na ame siwo ƒe dzi le dzɔdzɔe.+ 5 Ke ame siwo gatrɔ yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la,Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu aƒu gbe.+ Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nagatrɔ woƒe asi ɖe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/125\/","date":"2020-09-23T01:26:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400208095.31\/warc\/CC-MAIN-20200922224013-20200923014013-00294.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984980822,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984980821609497}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YOHANES ƑE AGBALẼ ETƆ̃LIA\nKpɔkplɔyiɖeme:\nYohanes, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka lae\nŋlɔ Yohanes ƒe Agbalẽ Etɔ̃awo, Yohanes ƒe Nyanyui la kple\nNyaɖeɖefia siaa. Le Yohanes ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia sia me la,\nYohanes kafu Gayo le eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta eye wòdi be Mawu\nnaka mo na Dietrefo le eƒe nu masɔmasɔ wɔwɔ ta.\nEmenyawo: 1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1-4\n2. ŋusẽdodo dɔwɔla vavãwo, 5-8\n3. Mokaka na ame siwo tsi tsitre ɖe nyateƒe la ŋu, 9-10\n4. Nyateƒeyomenɔla aɖe kafukafu, 11-12\n5. Taƒonyawo, 13-15\nGbedonamewo\n1 Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsi la gbɔ na xɔ̃nye Gayo ame si melɔ̃na le\nnyateƒe me. 2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me eye nu sia nu nadze\nedzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene. 3 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi\naɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ eye nèle agbe nɔm le\nnyateƒe la nu la ŋu. 4 Naneke medoa dzidzɔ nam wu be, mase be vinyewo le agbe\nnɔm ɖe nyateƒe la nu o.\nBeléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo\n5 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be\nwonye amedzrowo na wò hã. 6 Woɖe gbeƒã na hamea katã le wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo\nla ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu. 7 Elabena ŋkɔ la tae\nwodze mɔ hele tsatsam eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso Trɔ̃subɔlawo gbɔ o. 8 Le\nesia ta ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbewo ale be mí katã míawɔ dɔ ado\nnyateƒea ɖe ŋgɔ.\n9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo ame si tsɔ eɖokui wɔ\nŋgɔgbenɔlae la, meɖo to nye nyawo o. 10 Eya ta ne meva la maɖe nu siwo katã wɔm\nwòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la eɖea ame\nsiwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.\n11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nuvloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu\nnyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la\nmekpɔa Mawu o. 12 Ame sia ame ƒoa nu nyuie le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã\ngblɔa eƒe nya nyuie. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe\nɖaseɖiɖi nye nyateƒe.\nTaƒonyawo\n13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple\nnuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. Mele mɔkpɔm be míado go kpuie eye míaƒo nu ŋkume kple\nŋkume.\nŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie.\nDo gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/togochretien.com\/ewe-3-jean\/","date":"2020-10-25T21:52:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107890028.58\/warc\/CC-MAIN-20201025212948-20201026002948-00096.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987441897,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987441897392273}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1\nYesu, wò lɔlɔ̃ na\nBe, nèku nam;\nƉe nye hã nyemawɔ\nNane na wòa?\nNye dzi, gbɔ agbe hee!\nWò nye Immanuel,\nLuʋɔ kple ŋutilã\nEnye tɔwò.\n2\nYesu, wò koe va gblɔ\nAgbenya nam;\nNye dzi xɔ nya sia se\nKpakple dzidzɔ!\nNye agbe me katã\nMatsɔ vividodo\nAdzi wò kafuha\nƉaa si na wò.\n3\nYesu, wòe dim vevie\nKple tufafa,\nBe nye, vi bubu la,\nMava kpɔ wò.\nNa malɔ̃ wò vevie\nKple ame bubuwo,\nEye makplɔ wo va\nWò ŋutɔ gbɔ.\n4\nYesu, wò ʋu xɔasi\nNèkɔ ɖi nam;\nNa nye agbe sia hã\nNanye tɔwò,\nBena ne medzo la,\nNe makpɔ wò ŋkume\nLe dziƒodu la me\nAnɔ gbɔwò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/riversinc.org\/yesu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83-2\/","date":"2020-10-27T09:33:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107893845.76\/warc\/CC-MAIN-20201027082056-20201027112056-00452.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994260073,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999426007270813}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Kora Wɔ bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Kora, ame si dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu la ŋuti. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Kora BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Kora Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Kora Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502014294\/univ\/art\/502014294_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/kora\/","date":"2020-11-27T03:07:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982875586,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998287558555603}","num_words":104,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AZERBAIJAN nye Anyiehe Caucasus dukɔ etɔ̃awo ƒe lolotɔ. Anɔ abe ƒe akpe ɖekae nye esi va yi la, Turk-gbedola gbogbo aɖewo ʋu va tsi anyigba ma dzi. Amedzro siawo xɔ ame siwo nɔ anyigba dzi hafi wova la ƒe kɔnu aɖewo wɔ wo tɔwoe, eye nenema kee ame siwo nɔ afi ma hafi wova la hã xɔ woƒe kɔnu aɖewo. Eya ta mewɔ nuku o be vovototo boo aɖeke mele Azerbaijangbe, Turkeygbe kple Turkmenistangbe dome o.\nAzerbaijantɔwo nye dzidzɔmewo eye wodoa vivi ɖe ame ŋu. Ƒometɔwo dome nɔa kplikplikpli. Eye wokpena ɖe wo nɔewo ŋu le hiãɣiwo.\nAzerbaijantɔwo lɔ̃a hadzidzi kple hakpanyawo. Le woƒe hadzidzi aɖe si woyɔna be mugam me la, Azerbaijan-hadzilawo nɔa woƒe hakpanyawo gblɔm, eye wonɔa woƒe haƒonuwo ƒom ɖe edzi. Ele be mugam-haƒola nanya mugam-hakpanyawo katã nyuie, eye wòate ŋu ase hadzidziawo ko aƒo ha wòasɔ ɖe wo dzi.\nAzerbaijantɔwo lɔ̃a tiinono. Woɖoa tiia ɖe kplu si ƒe nɔnɔme le abe peya ene me eye wodea suklikpe ɖeka eme, eye wotea ŋu tsɔa yevuzi, ne kple waintsetse donɛ. Àte ŋu akpɔ tiinoƒewo le du suetɔ kekeake gɔ̃ hã me.\nTɔmelã si woyɔna be sturgeon la bɔ ɖe Caspia-ƒu si le dua ƒe ɣedzeƒe gome la me. Tɔmelã sia ƒomevi aɖe si woyɔna be beluga la tea ŋu nɔa agbe ƒe 100 kple edzivɔwo. Tɔmelã sia ƒe lolotɔ siwo wo��e kpɔ la dometɔ ɖeka didi meta 8 kple afã, eye eƒe kpekpeme nye kilogram 1,297! Wodea asixɔxɔ gã aɖe tɔmelã sia ŋu ɖe eƒe aziwo ta, elabena wotsɔa eƒe aziwo wɔa numeɖenu yibɔ si doa dzidzɔ na ame geɖe, eye wòxɔa asi ŋutɔ.\nAzerbaijantɔwo lɔ̃a mawusubɔsubɔ, eye wolɔ̃a dzeɖoɖo tso Mawu ŋu. Dua me tɔ akpa gãtɔ nye Moslemtɔwo. Subɔsubɔha bubuwo hã li, eye Yehowa Ðasefo siwo wu akpe ɖeka, siwo dometɔ geɖe nye dumevi dzidziwo hã le wo dome.\nÈNYAA?\nYehowa Ðasefowo zãa agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? tsɔ fiaa Biblia ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Agbalẽ sia le gbegbɔgblɔ siwo wu 250 me, eye Azerbaijangbe hã le eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201307\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-azerbaijan\/","date":"2020-11-29T14:51:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141198409.43\/warc\/CC-MAIN-20201129123729-20201129153729-00018.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984167218,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984167218208313}","num_words":335,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 15, 2003 Mawu si Ðewohĩ Míenya O la Dzixɔxɔse Yehowa—Mawu si Wòle Be Nàdze Sii Agbenɔnɔ le Sitsoƒesaɖa Me Nukata Wòle Be Nàɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu Ƒe Azã La? Gɔmesese Kae Le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Ŋu Na Wò? Mègagblẽ Viwò ƒe Dzi Ði Mamlamamlae O! Vɔsamlekpui—Akpa Kae Wòwɔna Le Tadedeagu Me? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030215\/","date":"2020-11-24T12:44:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176256.21\/warc\/CC-MAIN-20201124111924-20201124141924-00456.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991306663,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991306662559509}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.31,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nutsotso aɖe si ɖo voltaonlinegh.com gbɔa hee ɖe go be, υufɔku aɖe dzɔ egbe Blaɖa ŋdɔme le Asikuma yi Pɛki mɔdzi.\nEmekɔ be υuawo dometɔ ɖeka si ƒe dzesie nye; GT 3027-17 si wode dzesie be enɔ mɔzɔm tso Gɛ yina Hohoea ƒe afɔtsi\/tyre ƒe gbagbãe he afɔkua vɛ eye υuɖola eve aɖewo ƒe agbewo tsime eye bubu geɖewo hã xɔ abi.\nKe amesiwo xɔ abia wotsɔwo yi ɖe Pɛki Government Hospital hena gbedada le woŋuti.\nKe amesiwo tsrɔ̃ hã woda woƒe ŋutilãwo ɖe dɔyɔƒea ƒe kpefafa hena dodokpɔ siwo dzea wɔwɔ.\nEŋlɔla:Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/23\/ame-eve-a%C9%96ewo-%C6%92e-agbewo-d%C9%94%CC%83-tsi-%CF%85uf%C9%94ku-me-le-asikuma-m%C9%94dzi\/","date":"2021-01-15T17:29:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703495936.3\/warc\/CC-MAIN-20210115164417-20210115194417-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991845489,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":14,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991845488548279}","num_words":93,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gilead Sukunuwulawo Dze Mɔ Yi Nuŋeŋedɔa Wɔƒe Dzonɔamemetɔe!\n\"NUŊEŊE la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.\" (Mateo 9:37, 38) Gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔ nya mawo ŋu na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 116 lia nuwulawo esime wodzra ɖo dze mɔ yina woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ dɔdasiwo wɔ ge.\nLe Memleɖa March 13, 2004 dzi la, amesiwo ƒe xexlẽmee nye 6,684 kpe ta le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe, si le Patterson, New York, kple le afisiwo wona wokpɔ sukunuwuwu wɔnawo le television dzi le, esime sukunuwulawo xɔ kaklã ɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenyawo. Mí katã míate ŋu aɖe vi tso aɖaŋu siwo woɖo na wo me esime míele gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa wɔm dzonɔamemetɔe.\nLe Theodore Jaracz, amesi nye Dziɖuhaa me tɔ kple Gilead sukua ƒe klass adrelia nuwula ƒe ŋgɔdonyawo me la, egblɔ Yesu ƒe nyawo be: \"Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.\" (Mateo 28:19, 20) Aleke gbegbee nya mawo sɔe nye esi elabena wole sukuviawo ɖom ɖe dukɔ vovovo 20 me! Eɖo ŋku edzi na sukuviawo be mɔfiame si wona wo tso Mawu ƒe Nya la me na wozu dɔwɔla veviedonula siwo le dzadzraɖoɖi hena gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ vevitɔ kekeake wɔwɔ.—Mateo 5:16.\nAlesi Woaŋe Nu Geɖe\nAmesi ƒo nuƒo gbãtɔa le wɔnaa mee nye Robert Wallen, amesi wɔa akpa vevi aɖe le ɖoɖowɔwɔ ɖe Gilead Sukua ŋu me ƒe geɖee nye esia. Esime wòle nuƒo si ƒe tanyae nye \"Veveseseɖeamenu ƒe Atsyɔ̃\" ƒom la, egblɔ na sukunuwulaawo be: \"Tokunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo gɔ̃ hã nyana ne wose veve ɖe wo nu.\" Fu siwo kpem amewo nɔ la nɔ nyanya na Yesu nyuie eye wòɖe afɔ aɖewo tsɔ ɖe wo dzi kpɔtɔ na wo. (Mateo 9:36) Mɔnukpɔkpɔ geɖe asu sukuviawo si be woawɔ nu nenema ke—le gbeƒãɖeɖedɔa me, le hamea me, le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me, kple le woa ŋutɔwo ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Nuƒolaa xlɔ̃ nu wo be: \"Ne miele amewo subɔm la, mina amenuveve ƒe atsyɔ̃ la nadze woakpɔ. Nɔnɔme nyuitɔ kekeake si anɔ mia si koe nye nusi hiã le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe me nɔnɔ me gbesiagbe. Eyata miɖoe kplikpaa be amenuveve nanye awu miado.\"—Kolosetɔwo 3:12.\nGerrit Lösch, Dziɖuhaa me tɔ si nye Gilead sukua ƒe klass 41 lia nuwulae ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye, \"Xɔxɔ ƒe Gbeƒãɖelawo.\" (Yesaya 52:7) Be amewo natsi agbe le fifi nuɖoanyia tsrɔ̃ɣi la, ele be Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavã nasu wo si, woaɖe gbeƒã woƒe xɔsea le gaglãgbe, ahaxɔ nyɔnyrɔ. (Romatɔwo 10:10; Timoteo II, 3:15; Petro I, 3:21) Ke hã, susu vevi si ta woɖea gbeƒã xɔxɔ la menye amegbetɔwo xɔxɔ ɖe agbe o, ke boŋ be woakafu Mawu. Eyata Nɔviŋutsu Lösch xlɔ̃ nu amesiwo ava zu dutanyanyuigblɔlawo la be: \"Mitsɔ Fiaɖuƒegbedasia yi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, eye minye xɔxɔ ƒe gbeƒãɖela veviedonulawo be wòanye kafukafu na Yehowa.\"—Romatɔwo 10:18.\nGilead nufiala Lawrence Bowen bia biabia sia be: \"Aleke Nènana Gbɔgbɔmekekeli la Klẽnae?\" Eyɔ nya tso Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 6:22 eye wòde dzi ƒo na sukunuwulawo be wogato ŋku 'gã' o be woate ŋu ana \"gbɔgbɔmenumekɔkɔ si su wo si naklẽ atsɔ akɔ Yehowa ŋu eye wòaɖe vi na wo hati amegbetɔwo.\" Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu deblibo tso eƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi ke to alesi wòna eƒe susu nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu me. Yesu de ŋugble le nu wɔnuku siwo Fofoa fiae do ŋgɔ le dziƒo ŋu eye esia kpe ɖe eŋu wòdo dzi le Satana ƒe tetekpɔ siwo wòdo goe le gbeadzi me. (Mateo 3:16; 4:1-11) Yesu ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le dɔdasi si Mawu nae be wòawɔ me. Nenema kee hafi dutanyanyuigblɔlaawo ate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo le ŋgɔ nu la, ele be woayi woƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.\nMark Noumair, Gilead nufiala kple Gilead sukua ƒe klass 77 lia nuwulae ƒo nuƒo siawo ƒe mamlɛtɔ si ƒe tanyae nye \"Míele Asiwò Me.\" (Yosua 9:25) Ede dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ blema Gibeontɔwo ƒe nɔnɔme. Togbɔ be \"Gibeon-du la lolo . . . eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo\" hã la, womedi be yewoƒe ŋkɔ nanyɔ alo kpɔ mɔ be yewoawɔ nuwo abe alesi yewodii ene o. (Yosua 10:2) Wolɔ̃ faa zu \"nakefɔlawo kple tɔmedelawo\" na Lewi-viwo tsɔ do alɔ Yehowa ƒe subɔsubɔa. (Yosua 9:27) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, sukunuwulawo gblɔ na Yosua Gãtɔ, Yesu Kristo be, \"Míele Asiwò Me.\" Esi woadze woƒe dɔdasiwo gɔme le duta fifia ta la, ele be woalɔ̃ awɔ dɔ sia dɔ si Yosua Gãtɔa ana wo be woawɔ.\nNuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo\nWallace Liverance, Gilead sukua ƒe klass 61 lia nuwula si nye nufialawo dometɔ ɖekae wɔ numedzodzro aɖe kple sukuviawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ƒe tanya nye, 'Miɖe Ŋɔŋlɔawo Me.' Sukuviawo gblɔ nusiwo teƒe wokpɔ le gbeadzi le woƒe sukudeɣia eye wowɔ woƒe wɔwɔfiawo. Eme kɔ ƒã be alesi wosrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo tsitotsito le woƒe ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔɣia la de dzi gbɔ na wo eye wòʋã wo be woafia nusiwo wosrɔ̃ la ame bubuwo. (Luka 24:32) Le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔɣia la sukuviawo dometɔ ɖeka te ŋu fia nusiwo srɔ̃m wònɔ la nɔviaŋutsu. Esia de dzi ƒo nɛ be wòdi hame si le wo gbɔ eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Edze hezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ fifia.\nRichard Ashe kple John Gibbard bia gbe ame geɖe siwo nye Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo hena ƒe geɖe, amesiwo dome dzikpɔla mɔzɔla aɖewo siwo nɔ hehe tɔxɛ aɖe xɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea nɔ, kplɔ nuteƒekpɔkpɔawo ɖo. Wonye Gilead Sukuvi gbãtɔwo dometɔ aɖewo. Wo dometɔ ɖeka ɖo ŋku edzi be Nɔviŋutsu Knorr gblɔ le woƒe klass kpɔ le sukudeɣia be: \"Miasrɔ̃ nu geɖe le Gilead. Gake ne esia na mieva zu dadalawo la, ke míeɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ o. Míedi be miazu dɔmenyotɔwo.\" Nɔviŋutsu mɔzɔlaawo xlɔ̃ nu sukuviawo be woatsɔ ɖe le amewo kple woƒe nuhiahiãwo me, awɔ nu ɖe amewo ŋu abe alesi Kristo wɔe ene, eye woalɔ̃ axɔ dɔdasi ɖesiaɖe si woana wo la ɖokuibɔbɔtɔe. Ðikekemanɔmee la, nuxlɔ̃ame siawo dzi wɔwɔ akpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyeawo ŋu be woawɔ dɔ geɖe le woƒe dɔdasiawo me.\nMidze Mɔ Ðawɔ Nuŋeŋedɔa Dzonɔamemetɔe!\nMɔnukpɔkpɔ su nyaselawo si be woaɖo to Stephen Lett, Dziɖuhaa me tɔ bubu ƒe nyawo. Eyae ƒo ɖoɖowɔɖia ƒe nuƒo vevitɔ si ƒe tanyae nye \"Midze Mɔ Ðawɔ Nuŋeŋedɔa Dzonɔamemetɔe!\" (Mateo 9:38) Le nuŋeɣi ŋutɔŋutɔ la, ɣeyiɣi si wotsɔa ŋea nukuawo mesɔa gbɔ o. Eva hiãna be nuŋelawo nawɔ dɔ kutrikukutɔe. Aleke gbegbee kutrikuku hiã wue enye esi le nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu! Le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gãa me la, amewo ƒe agbee ɖo afɔku me. (Mateo 13:39) Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na sukuviawo be 'woagawɔ kuvia le woƒe dɔa ŋu o' eye 'woaxɔ dzo le gbɔgbɔ me ahawɔ kluvidɔ na Yehowa' le nuŋeŋedɔ sia si womagawɔ akpɔ o la me. (Romatɔwo 12:11) Nuƒolaa yɔ Yesu ƒe nya siawo be: \"Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.\" (Yohanes 4:35) Emegbe exlɔ̃ nu sukuviawo be woaɖe dzonɔameme afia le nuŋeŋedɔa wɔwɔ me to agbagba ɖesiaɖe dzedze ayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi si sɔ na wo me kple le afisiwo woakpɔ wo le ahawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖi vomeɖase. Ne wodi mɔnukpɔkpɔwo la, anɔ bɔbɔe be woaɖi ɖase nyuie. Yehowa nye Mawu si wɔa nu dzonɔamemetɔe, eye wòdi tso mí katã si be míasrɔ̃ ye ahawɔ dɔ kutrikukutɔe le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me.—Fiawo II, 19:31; Yohanes 5:17.\nNɔviŋutsu Jaracz, amesi kpɔ ɖoɖoa dzie he wɔnaawo va nuwuwu, eye wòxlẽ alɔdzedɔwɔƒe gbogbo aɖewo ƒe gbedoname na vavalawo hema sukuviawo ƒe ɖaseɖigbalẽwo na wo. Sukuviawo dometɔ ɖeka xlẽ klass la ƒe lɛta si wotsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia ɖe hehe si woxɔ ŋu fia. Edze ƒã be klass 116 lia ƒe sukunuwuwu wɔnaa na vavalawo katã ɖoe kplikpaa wu be yewoadze mɔ aɖawɔ nuŋeŋedɔa dzonɔamemetɔe.\n[Aɖaka si le axa 25]\nSUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO\nDukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6\nDukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 20\nSukuviawo ƒe xexlẽme: 46\nƑe si woxɔ le mama dedie nu: 34.2\nƑe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.2\nƔeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13.9\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nGbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 116 lia Nuwulawo\nÐoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.\n(1) Ceansu, R.; Sparks, T.; Piña, C.; Turner, P.; Cheney, L. (2) Suardy, M.; Sjöqvist, Å.; Amadori, L.; Smith, N.; Jordan, A.; Boissonneault, L. (3) Matlock, J.; Ruiz, C.; Dular, L.; Vigneron, M.; Henry, K. (4) Sjöqvist, H.; Laux, J.; Ruzzo, J.; Gustafsson, K.; Boissonneault, R.; Jordan, M. (5) Henry, D.; Turner, D.; Kirwin, S.; Florit, K.; Ceansu, S. (6) Amadori, S.; Cheney, J.; Ross, R.; Nelson, J.; Ruiz, J.; Vigneron, M. (7) Florit, J.; Matlock, D.; Ross, B.; Laux, C.; Ruzzo, T.; Dular, D.; Kirwin, N. (8) Gustafsson, A.; Nelson, D.; Suardy, W.; Piña, M.; Smith, C.; Sparks, T.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040615\/Gilead-Sukunuwulawo-Dze-M%C9%94-Yi-Nu%C5%8Be%C5%8Bed%C9%94a-W%C9%94%C6%92e-Dzon%C9%94amemet%C9%94e\/","date":"2021-01-19T06:59:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703517966.39\/warc\/CC-MAIN-20210119042046-20210119072046-00665.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989222288,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989222288131714}","num_words":1436,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nDziƒo kpakple anyigba,\nƑu gã la kple dziya hã\nLe wo wɔla gã kafum;\nNye luʋɔ hã le kafum\nStanza 2\nMikpɔ ɣe kpakple ɣleti\nKple ɣletiviwo keklẽ!\nWogblɔa Mawu ŋuti nya\nKafua mía wɔla ɖaasi.\nStanza 3\nAnyigba ƒ'atyɔ̃nuwo,\nGbe, ave kple agble hã\nKpakple lãwo ƒe ha gã\nÐea eƒe nunya gbe ƒã\nStanza 4\nMikpɔ dziƒoxewo ɖa!\nWoɖea ƒe bubu fiana\nDzikedzo kple dziɖegbe\nBena: Mivɔ̃ Mawu hee!\nStanza 5\nLãwo kple nukunu gã,\nSiwo gale ƒu me hã,\nXlɔ̃a nu mí vevie bena:\nMíkpɔ Mawu ŋusẽ ɖa!\nStanza 6\nWò, nye Mawu ŋusetɔ,\nWoewɔa nukunu ŋutɔ.\nNye luʋɔ kple ŋutilã\nNado wò ɖe dzi vavã!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-41\/","date":"2021-03-08T00:22:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178381230.99\/warc\/CC-MAIN-20210307231028-20210308021028-00004.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989429116,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989429116249084}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Si Ta Meɖe Asi Le Gadɔ Gã Aɖe Ŋu\nAbe ale si Martha Teresa Márquez gblɔe ene\nHADZIDZI dzɔa dzi nam ŋutɔ, eye tso nye ɖevime ke la, medina be madzi ha le radio dzi. Abɔdzokpo ko mese, gake meva srɔ̃ hadzidzi le Mexico City le dukɔa ƒe saŋkuƒoha ƒe amegã gbɔ.\nLe ƒe 1969 me, esime mexɔ ƒe 24 la, xɔ̃nye aɖe si nye ɣeɖula la kpem be mava ɖu ɣe le ahanoƒe xɔŋkɔ si woyɔna be La Rampa Azul, ne woakpɔe ɖa be mate ŋu anye ɣeɖula hã. Medzi ha nyanyɛ aɖe si Mexico hakpala Tomás Méndez kpa, si nye Cucurrucucú Paloma, eye evivi ameawo nu ŋutɔ. Ɣemaɣie hadzidzi va zu nye dɔ koŋ. Nye ɖekae dzia ha, eye ŋkɔ si metsɔ na ɖokuinyee nye Romelia Romel.\nMewɔ dɔ kple Tomás Méndez kpakple Mexico hakpala kple hadzila bibiwo, siwo dometɔ aɖewoe nye Cuco Sánchez kple Juan Gabriel. Evivina nam ŋutɔ be makpɔ nye ŋkɔ le akaɖiwo ŋu, le nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazinewo me. Medzia ha le afi si amewo ɖea modzaka le le zã me kple radio dzi, eye meɖia tsa yi ɖadzia ha le Mexico kple Belize ƒe teƒeteƒewo. Eye esi Mexico fefewɔla xɔŋkɔ si nye Leonorilda Ochoa te eƒe fefewo wɔwɔ teti le Mexico la, mía kplii ye wɔ dɔ.\nEteƒe medidi o meva xɔ ŋkɔ, eye mekpɔa ga geɖe—ga nɔ asinye ale gbegbe be metea ŋu ƒlea sikanuwo, lãfuwu tɔxɛwo, eye mehaya aƒe gã aɖe le dziƒoxɔ aɖe dzi. Edze abe nu sia nu nɔ asinye ene, gake nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o. Dzi aɖeke menɔ dzɔyem le agbe me o. Togbɔ be Roma Katoliko ha mee wonyim le hã, sɔlemedede kpea ŋu nam. Agbe gbegblẽ siwo menɔna la na mesena le ɖokuinye me be meƒo ɖi akpa na afi ma yiyi.\nMeva Lɔ̃ Yehowa\nEsi mía kple ame aɖewo míenɔ ha gbãtɔ si melé ɖe mɔ dzi la me tom la, meɖe nye dzimenyawo gblɔ na Lorena Wong, si nye xɔ̃nye, eye wòdzia Mexico ha si woyɔna be ranchera. Megblɔ nɛ be medi be mazu nyɔnu saɖeagaxɔmenɔla anɔ kpekpem ɖe ame siwo dzi nu mede o ŋu. Edo ɣli ɖe tanye be: \"Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔla! Tagbɔe le gbegblẽm na wòa?\"\nEmegbe ebiam be: \"Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?\"\nMeɖo eŋu be: \"Eŋkɔe nye Aƒetɔ Yesu Kristo.\"\nGake egblɔ be: \"Kpao, eŋkɔe nye Yehowa. Viae Yesu nye.\"\nMebiae be: \"Èbe Yehowa?\" Nyemese ŋkɔ ma le afi aɖeke kpɔ o. Lorena na Biblia ɖekam, eye wòdo ŋugbe nam be yeagblɔ na Yehowa Ðasefo si va fiaa nu ye la be wòava srãm kpɔ. *\nNe menya kpɔ Lorena ko la, mebianɛ be: \"Ɣekaɣie wò nufialaa le gbɔnye va ge?\" Mawunya sese ƒe dɔ le wuyem ŋutɔ.\nƔemaɣi la, nye ŋutɔ mete Biblia xexlẽ le ɖokuinye si, eye mekpɔe le eme be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa vavã. (Psalmo 83:19) Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Meva ke ɖe Se Ewoawo hã ŋu, eye wo dometɔ ɖeka na dzidzi ƒom; eyae nye esi gblɔ be: \"Mègawɔ ahasi o.\" (2 Mose 20:14) Ɣemaɣi la, mele ŋutsu aɖe gbɔ hedzi ŋutsuvi nɛ ɣleti enyie ma, gake nyɔnu bubu le esi. Ŋutsuvi siae nye vinye evelia. Medzi ŋutsuvi ɖeka na ŋutsu bubu xoxo, gake mía kplii hã míeɖe mía nɔewo o.\nGbe ɖeka esi mele nye xɔ me le dziƒoxɔa dzi le ha aɖe si meyina dzidzi ge afia la me tom la, mese kɔ-kɔ-kɔ. Lorena ƒe nufiala, Mauricio Linares, kple srɔ̃a ye. Woɖe eme nam be Mawu ɖo ta me nyui aɖe ɖe amegbetɔwo ŋu, eye wona agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee lam. * Togbɔ be nya aɖewo yɔyɔ sesẽ nam hã la, mexlẽ agbalẽ bliboa le zã ɖeka me. Tso ema dzie meva lɔ̃ Yehowa.\nMetrɔ Nye Agbenɔnɔ\nEsi Ðasefoawo kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ Biblia heva nya nuxexlẽ nyuie la, mekpɔe be ehiã be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu, ale be nye nu nadze Yehowa ŋu. Eya ta metsɔ nɔnɔmetatawo, teƒeɖonunanawo kple atiblɛwo ƒu gbe, togbɔ be sika wotsɔ wo woe hã.\nNu si wɔwɔ sesẽ nam koŋ ye nye ale si mawɔ adzudzɔ atamanono kple aha tsu nono. Nyemetoa ahadzraƒe aɖeke ko hedoa kpo tamimi o. Eva hiã be madzudzɔ hadede kple xɔ̃nyewo katã, elabena wodina be yewoadze aha nam, eye wokpeam be mava míaɖu agbe le gatɔwo ƒe nuɖuƒe. Menyae be aha tsu ko noƒe míegayina.\nNu bubu si hã sesẽ namee nye ale si madzudzɔ kplɔ̃ɖoƒewo yiyi kple gatɔwo kpakple ame ŋkutawo. Esi wokpem be mava Cubatɔ kɔdala nyanyɛ aɖe ƒe dzigbezã ɖuƒe la, medo gbe ɖa be: \"Yehowa, esiae nye kplɔ̃ɖoƒe mamlɛtɔ si made. Nyemegale nu siawo tɔgbi aɖeke teƒe yi ge o, eye nyemegale gome kpɔ ge le nuwɔna siwo medzea ŋuwò o la dometɔ aɖeke me o.\" Eye nyateƒee, tso ema dzi hã koe medzudzɔ.\nTogbɔ be kesinɔtɔ gã aɖee ŋutsu si medzi vinye evelia na la nye, eye wòdo ŋugbe nam be yeawɔ nu gbogbo aɖewo nam ne mekpɔtɔ le ye gbɔ hã la, medzo le egbɔ. Menɔ bɔbɔe nam ya o, elabena melɔ̃e ŋutɔ, eye eya ŋutɔ hã nya. Egblɔna nam dadatɔe be: \"Nyee nye wò Mawu! Nyee nye wò Kristo!\"\nMeɖoa eŋu nɛ be: \"Ðewohĩ ènyee tsã, gake Yehowae nye nye Mawu fifia.\" Edo ŋɔdzi nam be yeaxɔ ɖevi si medzi na ye la le asinye, eye yeawɔ nuvevim.\nAme aɖewo gblɔ nam ɣemaɣi be ɖeko hadzidzi hã le abe dɔ bubuwo ke ene—be mate ŋu anye Ðasefo aganɔ ha dzim faa. Gake ame bubuwo hã ɖo ŋku edzi nam be: \"Ne èkpɔtɔ le ha dzim la, màte ŋu anɔ te ɖe atamanono, ahanono kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ siwo amewo ado ɖe gbɔwò la nu o.\" Mekpɔe be nunya le ame siawo ƒe nya me wu ame gbãtɔawo tɔ.\nEsi menye hadzila xɔŋkɔ la, amewo dzea agbagba be yewoana nye kpli yewo míazɔ. Meɖoe be nyemagaɖe mɔ le ɖokuinye ŋu na tetekpɔ mawo azɔ o. Eya ta le ƒe 1975 me la, mete fli ɖe ɖoɖo si wowɔ be mayi aɖadzi ha le China ƒe teƒeteƒewo la me, eye le ɣleti ade megbe la, mena wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo.\nKuxi Siwo Me Meto Kple Dzidzɔ Siwo Mekpɔ\nAleke mawɔ akpɔ ɖokuinye kple nye ƒomea dzi? Nyemede suku ɖo afi aɖeke o, eye ha ko menya dzidzi. Nyee kpɔa nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Irma kple via etɔ̃awo, kpakple nye ŋutɔ vinyeŋutsuvi eveawo dzi. Eva hiã be míaʋu le aƒe gã si me míele la me aɖahaya xɔ sue eve. Esi wònye gatɔwo ƒe agbee menɔna tsã ta la, agbe tsɛ nɔnɔ menɔ bɔbɔe nam kura o. Le gɔmedzedzea la, nɔvinyea kple ɖeviawo bua fɔm, eye woƒonɛ ɖe nunye be maganɔ ha dzim, gake meɖoe kplikpaa be mawɔ nu si hiã ale be mate ŋu asubɔ Yehowa.\nEya ta mete nye nu xɔasiawo dzadzra—nye sikanuwo, lãfuwuwo, nye ʋu—eye metsɔa gaa kpɔa ƒomea dzi. Gake eteƒe medidi o, ga ma hã va vɔ. Esi nyemedi be vinye evelia fofo nanɔ fu ɖem nam o ta la, míeʋu yi dukɔa ƒe teƒe bubu le ƒe 1981 me, afi si magate ŋu akpɔ mí le o.\nEsi míeva afi sia la, Ðasefoawo fia ale si mawɔ nuɖuɖu aɖe si woyɔna be tamale kple botokoe kpakple nuɖuɖu bubuwo adzra lam. Emegbe mekpɔ dɔ le adzɔnuwɔƒe aɖe hewɔa dɔ le zã me. Gake dɔ sia na nyemetea ŋu dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hesubɔa Mawu nyuie o. Eya ta meɖe asi le eŋu, eye megawɔa tamale dea kusi me yi ɖadzrana le mɔ to. Alea mewɔ te ŋu le ɖokuinye dzi kpɔm hezãa nye ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu.\nMevem Kpɔ O\nNe amewo biam be aleke mesena le ɖokuinye me esi meɖe asi le gadɔ gã ma si nye hadzidzi ŋu hã la, megblɔna na wo be ale si meva dze si Yehowa hese ta me nyui siwo wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu gɔme la xɔ asi nam wu nu sia nu. Dzidzɔ wònye nam be vinyewo srɔ̃ Biblia nyuie, tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa heɖe srɔ̃ le Yehowa Ðasefowo dome. Vinye eveawo kple wo srɔ̃wo le wo viwo hem be woasubɔ mía Mawu, Yehowa.\nƑe 30 sɔŋ ye nye esia menye mɔɖela (ŋkɔ siae Yehowa Ðasefowo yɔna na ame siwo tsɔa woƒe ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Nya la). Mawu kpe ɖe ŋunye be nye hã mete ŋu kpe ɖe ame geɖewo ŋu wova srɔ̃ nyateƒe si le Biblia me, eye wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu. Wo dometɔ evee nye Irma kple vianyɔnua. Ne medo go ame siawo, siwo mesrɔ̃ nu kplii, siwo va zu \"vinyewo,\"—siwo dometɔ geɖe hã nye mɔɖelawo—eye mekpɔ be wokpɔtɔ le zɔzɔm le nyateƒea me la, dzi dzɔam glo. (3 Yohanes 4) Fifia mexɔ ƒe 64, eye mesrɔ̃a Biblia kple ame 18.\nLe nye ɖetugbuimenɔɣi, esi menye hadzila la, mekpɔe be nane bú le nye agbe me, gake fifia meva ke ɖe nu ma ŋu. Mele se si Yesu de be 'míayi aɖakpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃lawo' la dzi wɔm, eye esia na mesena le ɖokuinye me be mele kpekpem ɖe amewo ŋu abe ale si medi ene. (Mateo 28:19, 20) Medaa akpe na Yehowa ŋutɔ be elém ɖe te le ƒe siawo katã me, eye wògale léyem ɖe te! Nyateƒee, 'meɖɔe kpɔ hekpɔe be eƒe dɔ me nyo.'—Psalmo 34:9.—g10-E 06.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 12 Lorena Wong va zu Yehowa Ðasefo emegbe.\n^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.\n[Nɔnɔmetata si le axa 19]\nMía kple vinyeŋutsuawo, wo srɔ̃wo, kpakple nɔvinyenyɔnu tsitsi si mía kplii míekpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]\nMewɔa tamale dzrana le mɔ to; esia dzi meto le ɖokuinye dzi kpɔm gale mɔɖeɖedɔa wɔm","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201007\/Nu-Si-Ta-Me%C9%96e-Asi-Le-Gad%C9%94-G%C3%A3-A%C9%96e-%C5%8Au\/","date":"2021-05-07T11:42:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.80\/warc\/CC-MAIN-20210507090724-20210507120724-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993820786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993820786476135}","num_words":1582,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sukuvi siwo hehe xɔm le Ho Nursing Training College si nye dɔnɔdzikpɔlawo heƒe sukua me le Ho, Amuga Nutoa ƒe toxɔdua mea, le vɔvɔ gã aɖe me ku ɖe adzodalawo ƒe fuɖename si dzi dem le kpoa dzi le ŋkeke siawo me ta.\nLe nyatakakawo nua, adzodada wɔna aɖe do mo ɖa le Ablaɖagbe fɔfɔme abe ga ɖeka kple afa ƒoƒo me ene le esime sukuviwo dometɔ ɖeka si le xɔ gbãtɔ me trɔ tso nusrɔƒe heɖo ta enɔƒe.\nNutsotso si ɖo voltaonlinegh.com gbɔa, de dzesie be sukuvi sia kpe fu le amemanyamanya aɖewo sime le eƒe tɔtrɔ yi edɔƒe alo hostel me.\nNu si dzɔe nye be, ameawo bia tso sukuvia si be wòaɖe asi le bagɛ si wòlé ɖe asi le gaƒoƒo ma mea, ŋu na yewo ke esi wògbe ta, woƒoe υuu vade asi na esime υu nɔ dodom le eŋu. Ke le emegbea, wokɔ nenem sukuvi sia yi Amuga nutome Dɔnɔkɔdzi be woatrɔ asi le eŋu.\nKe sukuvi bubu aɖe siwo ƒo nu kple voltaonlinegh.com ɖee gblɔ be adzodalawo ƒe nugbegblewɔwɔ le ŋkeke siawo mea zu taɖui na yewo.\nWodometɔ aɖewo ha gblɔ be tso esime dziɖuɖu trɔ yewo ƒe dzinukukui fetu vivi mawo alo allowance gbɔe na yewo koa, yewo de dzesie be adzodada wɔnawo dze fievododo tso ŋkeke yi ŋkeke.\nEmekɔ be zi eneliae nye esi nudzɔdzɔ sia mo dom ɖa alebe, le nuƒo me kple sukua nunɔlawoa, woɖe eme be ɖoɖowo le tome hena kadodo kple kpovitowo le susu sia nu be sukuviwo ƒe nunɔamesiwo kple agbewo nanɔ dedie le sukukpoa dzi.\nEŋlɔla: Bernice Bubune\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/30\/adzodada-w%C9%94nawo-de-v%C9%94v%C9%94-ho-nursing-sukuviwo-me\/","date":"2021-05-06T22:49:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988763.83\/warc\/CC-MAIN-20210506205251-20210506235251-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992126822,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992126822471619}","num_words":262,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hehexɔla siwo dodom le nufiãlawoheƒe vovowo fia ,woƒe ɖaseɖigbalẽwo asu wosi le dodokpɔ tɔxɛe aɖe si woɖe ŋkɔ nabe 'Lincensure Examinations' ŋɔŋlɔ vɔ megbe. Siamlɔm ƒe ŋkeke blaeve vɔ atɔ̃a gbee dodokpɔ ŋɔŋlɔ ayidzi le na ƒe sia me ƒe hehexɔlawo.\nNya sia dzego le nuŋlɔɖi aɖe yi dɔwɔha si kpɔa nufiãlawo ƒe nyadzi: 'National Teaching Council' he ɖe goa me. Ɖɔkta Evelyn Oduro amesi nye dɔwɔha ƒe agbalẽdziglã ye de asi nuŋlɔɖia te. Dɔwɔha ye wode dodokpɔŋɔŋlɔ dɔa asina .\nLe nuŋlɔɖia nua, hehexɔla siwo akpɔ dzidzedzenyuie le dodokpɔ ma ŋɔŋlɔ mea, wosi koe ɖaseɖigbalẽ si aɖo kpe woƒe hehexɔxɔ abe nufiãlawo ene dzia asu.\nEwunu be, dɔdzikpɔlawo woaka nyata na gomekpɔlawo kuɖe fexeɖoɖo kple nububu siwo kuɖe dodokpɔaŋɔŋlɔ ŋuti le emegbe.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/17\/nufia%CC%83fia%CC%83-hehex%C9%94lawo-woanl%C9%94-dodokp%C9%94-t%C9%94x%C9%9B-a%C9%96e-hafi-ax%C9%94-wo%C6%92e-%C9%96ase%C9%96igbale%CC%83wo\/","date":"2021-05-08T11:29:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988858.72\/warc\/CC-MAIN-20210508091446-20210508121446-00456.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979278445,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979278445243835}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.185,"stopwords_ratio":0.168,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyatakakawo ɖee fia be lɔri fɔku aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe yiwo hehe xɔm le nufiala heƒe sukuwo me le Amuga nutoa mea dzi.\nDzɔgbevɔe sia dzɔ le esime wonɔ mɔ zɔm tso Amuga Nutome ɖo ta Pusiga, le Dzogbe-Ɣedzeƒe Nutome hena woƒe takpekpe gã wɔwɔ le Gbewaa College of Education Nufialawo Heƒe Sukua me.\nLe nutsotsoa ŋua, υufɔkua dzɔ anɔ abe fie ga enyi lɔƒo ene le Kuɖa, dzinu enea ƒe ŋkeke blaeve-vɔ -atɔa gbe le ƒe sia me.\nSukuvi nufiala siawo do ŋgɔ wɔ kpekpe aɖe le Amedzofe E. P. College of Education sukua me hafi kpɔtɔ nɔ mɔzɔzɔa dzi yim hena gomekpɔkpɔ le takpekpe bubu ma me.\nNyatakakawo de dzesie be, ame aɖewo xɔ abi vevie to afɔkua me alebe wokɔwo yi atikewɔƒe yi te ɖe nuadzɔƒea ŋua me hena asitɔtrɔ le wo ŋu.\nNutsotso bubu aɖe ɖe eme be, hafi takpekpe gã ma nadze Gbewaa suku kpoa dzia, Ŋgɔgbetɔ na Sukuvi Nufialawo le Gbewaa College of Education sukua me ha kpɔ afɔku do ŋgɔ alebe eya ƒe agbe tsi eme nublanuitɔe.\nVoltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/01\/sukuvi-nufiala-dze-af%C9%94ku-le-nkwanta-m%C9%94-dzi\/","date":"2021-05-06T22:59:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988763.83\/warc\/CC-MAIN-20210506205251-20210506235251-00226.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984337091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984337091445923}","num_words":176,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2002 Nukae Nye Wò Nukpɔsusu le Ku Ŋu? Ŋkuléle Ðe Ku Ŋuti Nyakpakpa Aɖewo Ŋu Nyuie Ameka Gbɔe Wòtso—Wò Ŋutɔea Alo Wò Domenyiŋusẽfianue? Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu Wokɔ Wo Ŋu Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Mekpɔ Yayra Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Keke Ðe Nyateƒea Ŋu le Afisi Womekpɔ Mɔ Nɛ Le O","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020601\/","date":"2021-05-17T13:34:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998554945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985549449920654}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.192,"stopwords_ratio":0.117,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ʋuʋu le Ha Gã aɖe Me\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ\nAFƆKLI miliɔn siwo le anyi tum ƒe ɖiɖi nɔ ʋoʋlom. Lãha gã la nyẽ zi hoo yina, eye woƒe afɔwo le ʋuʋudedi dom ɖe ya me wòbiã hɛ. Lãha la nɔa du dzi kple afɔ lɛawo ne woto bali kple to ɖiabuawo ŋu va yina, wotoa gbeawo dzi, tsoa tɔsisi gãwo kple sueawo. Wozɔna le ha gã aɖe me toa gbeawo dzi heɖea mɔ gãwo toa wo dzi wòzuna memie. Lãha gã sia si le zi nyẽm hele afɔ tum anyi la nye gbemelãha siwo nya kpɔna la dometɔ ɖeka—siwo nye klatsa ha gã siwo ʋuna nɔa yiyim.\nAfrika Eden-bɔ\nSerengeti nye dzogbenyigba gã aɖe si wogblẽ ɖi. Elɔ Tanzania dukɔa ƒe akpa aɖe kple Kenya dukɔa ƒe akpa aɖe ɖe eme, eye wònye anyigba gã ɖiabu aɖe si keke kilometa 30,000 le dzogoe eneawo dzi. Ke si le afisia nye volkano tɔ nyui la, si wɔe be gbe si tsyɔ anyigbaa dzi la da ama nyuie. Zangaratiwo kple ŋùtiwo le eƒe akpa aɖewo siwo na atiglinyi hawo kpɔa aŋgbawo ɖuna. Sɔveda hawo zɔna fiatɔe toa gbea dzi nɔa woƒe afɔ didiawo ɖem blewu.\nTeƒe aɖewo siwo yaƒoƒo kple tsi na kpe sesẽ siwo ho ɖe dzi nyi vɔ le la dzena le towo dzi ɖaa le gbadzaƒea eye wònye teƒe nyui si dzatawo kple lãklewo te ŋu tsoa ŋku nu le. Tɔmenyi kple lo gbogbo aɖewo le tɔsisi siwo sina sesĩe siwo gɔdɔ̃ to anyigba la dzi la me. Àte ŋu akpɔ klatsawo, sẽwo, kple ziwo, kpakple avugbɔe ƒomevi bubuwo le gbe ɖum le gbadzaƒea. Gbetedzi siwo tsikɔ le wuwum la ƒoa ƒu ɖe tsitawo ŋu eye wodzena abe dzonu ɣi kple yibɔeawo ene. Sãde kple ahlɔ̃e siwo tia kpo va dzea afi bubu bɔbɔe la le afima. Tò gbogbo aɖewo siwo si dzo gã totrowo kple ŋutigbalẽ titriwo le la hoa gbe kɔewo kple woƒe nu keke la nɔa ɖuɖum blewu.\nDzata hawo sɔ gbɔ ɖe Serengeti. Ne ŋdɔ le ʋuʋum la, womlɔa atiwo kple avekɔewo ƒe vɔvɔli te nɔa ɖiɖim ɖe eme henɔa fiẽ ƒe anyinufaɣi lalam na ade dada. Lãklewo mlɔa atilɔwo dzi wònya kpɔna eye keklẽ si toa aŋgbawo me nana be womete ŋu kpɔa wo bɔbɔe o. Teƒe gbadza la sɔ na asilɛ be wòate ŋu aƒu eƒe du sesĩe la le. Eƒe nɔnɔme lɛa menya kpɔna dzea sii bɔbɔe ne ekplɔ nu ɖo be yealé o.\nLe nyateƒe me la, nu gbagbewo nɔƒe si le Serengeti nye lãwo ƒe abɔ aɖe si kpɔkpɔ wɔa nuku ale gbegbe. Gake klatsa ƒe ha gãwoe nye nukunu siwo wokpɔna le lãwo ŋu ƒe gãtɔwo dometɔ ɖeka.\nNuɖikokoewɔla si Le Gbadzaƒe La\nWobu akɔnta be klatsa siwo ade miliɔn 1.5 ye tsana le Serengeti. Enye lã si to vovo kuraa si ƒe ta le lɔbɔɔ eye eƒe ŋkuvi siwo le hɔ̃ la le eƒe tagoa ƒe dzi gome. Eƒe dzo siwo ɖi nyi tɔ la xa va anyi vie do ɖe axadzi hafi fɔ ɖe dzi. Eƒe dzime ɖi abu yi megbefɔwo gbɔ abe ŋusẽe mele eŋu o ene eye wòle sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple eƒe akɔta kple eƒe kɔ titriawo. Afɔ lɛlɛwoe lé klatsa kpekpe la ɖe te. Ne èlé ŋku ɖe klatsa ƒe ge ɣi si le eƒe glã te, eƒe kɔdza kple eƒe asike si ɖi sɔ tɔ ŋu la, àkpɔ be eɖi lã vovovowo.\nKlatsa ƒe nuwɔna ɖia kokoe eye wòdoa dzidzɔ na ame zi geɖe. Ne woƒo ƒu le ha gã aɖe me la, woxlɔ̃na abe akpɔkplɔ akpe nanewo ene. Ne wole tsitre ɖe gbadzaƒea le nu kpɔm dũ la, woƒe mo dzena abe nu wɔmoya aɖee wokpɔ wòle nuku wɔm na wo ale gbegbe ene.\nƔeaɖewoɣi la klatsa sia du, tia kpo ƒoa xlã teƒewo. Edana kɔ do ɖe ya me xana eɖokui gobaa hedzona le afɔ siwo me wòlia sesĩe dzi ƒoa ke dona ɖe ya me le mɔ ɖikokoe aɖe nu. Ame aɖewo gblɔna be woɖea atsyã sia fiana be wòawɔ dɔ ɖe nɔeawo dzi alo be wòanye kalẽɖeɖefia si ado vɔvɔ̃ na atsui bubuawo. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, edzena abe fefem ko wòle ene.\nWodzi Wo Ðe Xexe Makpɔnublanui Me\nNe klatsawo kpɔ ɣeyiɣi si sɔ na wo la, wodzia vi. Nɔnɔme tɔxɛ aɖe le wo si si nana wote ŋu dzia wo viwo le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me, eye wote ŋu dzia ɖeviawo dometɔ 80 va ɖo 90 le alafa me le kwasiɖa etɔ̃ ko me. Le ɣeyiɣi siawo me la klatsavi akpe nanewo xlɔ̃na sesĩe. Ele be vidadawo dometɔ ɖesiaɖe nanɔ via ŋu kplikplikpli, elabena ne lãha la te sisi la, vidadaa kple via dome ate ŋu aklã bɔbɔe, eye asesẽ be ɖevia natsi agbe le eɖokui si.\nWodzia ɖeviawo ɖe xexe makpɔnublanui si me wo lélawo nɔa ŋku tsom wo ɣesiaɣi. Klatsa nɔewo lalana vaseɖe esime wokpɔe be afɔku ƒe dzesi aɖeke megali o hafi wodzia vi. Ke hã ne wo lélawo do ɖe wo dzi le vome la, ŋutete wɔnuku aɖe le wo si be wote ŋu tsoa vidzidzia dzi sina dzona. Emegbe, wote ŋu yia vidzidzia dzi le ɣebubuɣi si afɔku aɖeke magado mo ɖa o.\nEdze abe wodzia wo viwo kple ŋutete aɖe si nana wote ŋu dea dzesi afɔku ene eye le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖe ko me la wotsona ɖe woƒe afɔwo dzi. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, klatsavi ate ŋu aƒu du to gbadzaƒea kilometa 50 le gaƒoƒo ɖeka me.\nƲuʋuɣi\nKlatsawo nɔa ha gã aɖe me ne woʋu tso Serengeti ƒe afi ɖeka yina bubu. Tsidzadza koŋ enye nu vevi si tae woʋuna ɖo. Tsidzadza nɔa te ɖe alesi ya me ƒe nɔnɔme trɔna ƒe sia ƒe la dzi. Tsi dzana le gbe gã la ƒe akpa aɖe kokoko le ƒe bliboa me.\nKlatsawo hiãa tsi gbesiagbe eye ele be gbewo nanɔ anyi ɣesiaɣi woakpɔ aɖu. Zi alesi wokpɔ nuɖuɖu kple tsi le teƒe aɖe ko la wonɔa afima. Gake ne ku le ɖiɖim la, gbe siwo le gbadzaƒea va nɔa ƒuƒum, eye tsiwo miena le tsidzɔƒewo. Klatsa ƒe ha la mate ŋu anɔ teƒe ɖeka anɔ tsidzadza lalam o. Ele be woaʋu ayi afisi tsi le dzadzam le.\nGbadzaƒea trɔna le afisiafi si tsi dza le. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo me la, gbe wuwluiwo miena le ke wɔnua dzi eye wòxɔa teƒea enumake. Nunyiame kple tsi nɔa gbe yeyeawo me fũ—wodzroa klatsawo ale gbegbe.\nŊutete tɔxɛ wɔnuku aɖe le lã siawo si si nana wòte ŋu nyaa afisiwo tsi adza le ne teƒeawo didi gɔ̃ hã. Ame aɖeke menya alesi wowɔna nyana be tsi le dzadzam le Serengeti ƒe akpa aɖe o—eɖanye alilikpo siwo le hohom ɖe dzi le adzɔge ɖaa ye loo alo tsi ƒe ʋeʋẽe wose le ya mee o míenya o. Aleke kee wòɖale o ele be lãha la naʋu be woatsi agbe. Eye nenema tututue wòdzɔnae!\nAfɔku Mɔzɔzɔ Aɖe\nLe gɔmedzedzea me la wonɔa yiyim blewu. Klatsawo nye lã siwo lɔ̃a hamenɔnɔ; ne lã ɖeka dze mɔ ɖo ta teƒe aɖe la, bubu siwo le egbɔ hã dzudzɔa gbeɖuɖu eye wodzea eyome. Kasia lãha bliboa katã ʋuna hoo le mɔ wɔnuku aɖe nu. Tsikɔ kple dɔ si le wowum na wonɔa azɔlia dzi. Ɣeaɖewoɣi la woƒua du. Ɣebubuɣiwo la wozɔna blewu nɔa wo nɔewo yome nɔa yiyim eye woƒe afɔwo ɖea do globowo ne wole kea dzi zɔm.\nWoƒe mɔzɔzɔa sesẽ eye afɔkuwo sɔ gbɔ ɖe edzi. Wo lélawo nɔa klatsa ha la yome, eye wonɔa ŋku lém ɖe esiwo le zɔzɔm blewu, esiwo ƒe ata ŋe, alo esiwo dze dɔ ŋu. Ne klatsawo le ŋgɔ yim la, wova gena ɖe dzata siwo de xa ɖi ƒe nutowo me. Dzata siwo be ɖe gbe kɔkɔawo me la dona ɖe lãha si le gbe ɖum la dome zi ɖeka eye wokakana le vɔvɔ̃ ta. Lãklewo, asilɛwo, amegaxiwo, kple ganawo dzea lã si tsi megbe alo ɖe eɖokui ɖe aga tso lãhaa ŋu la dzi.\nNe wowu wo dometɔ aɖe la, akagãwo va dona. Wonɔa dzre kple avuwɔwɔ dzi ɖe lã kukua ta vaseɖe esime woɖu nusianu wòvɔ negbe ƒu klotsoeawo koe susɔna eye wo funa tititi le Afrika ŋdɔ si ʋuna gbagbagbã la me.\nTɔsisi siwo sina sesĩe nyea mɔxenu dziŋɔ siwo wòle na lãha la be woatso. Tɔsisiwo tsotso nyea nukpɔkpɔ si me lã akpe nanewo dzona tso go dzi va dzea tsia me. Wo dometɔ geɖe toa eme dedie dona ɖe go kemɛ dzi. Tsi kplɔa bubuwo dzonɛ eye lo siwo le lalam le tsia te tututu la léa bubuwo. Wozɔa afɔku mɔ sia ƒe sia ƒe. Ne wova ɖo afisi woyina la eƒe didime te ŋu dea kilometa 3,000 ƒe mɔzɔzɔ.\nAmegbetɔ—Wo Léla Vɔ̃ɖitɔ\nƑe akpe nanewo va yi la, amegbetɔ menye ŋɔdzi na klatsa ha siwo ʋu va yina o. Fifia la amegbetɔwo koŋue nye ŋɔdzi na lã siawo. Ƒe bla nanewoe nye esia si Tanzania kple Kenya dziɖuɖuwo le agbagba dzem be yewoakpɔ lãwo ta le Serengeti. Eye togbɔ be liƒo si ta wokpɔna me koe klatsa hawo ƒe ʋuʋu yia dzi le hã la, wo lélawo daa se dzi zãa mɔ̃wo tsɔ ɖea lã akpe geɖewo hewua wo. Wowɔa gamɔ̃wo, aŋutrɔ si nu aɖi le, kple tuwo ŋudɔ tsɔ wua adelãwo kple lã siwo woƒlena tsɔ wɔa nunanae hedzrana na amesiwo le edim vevie. Lãwo ŋu dzɔlawo tsana le teƒe si ta kpɔm wole la, gake Serengeti lolo ale gbegbe be mele bɔbɔe be woakpɔ eta bliboe o. Amewo ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi wɔe be ame geɖe wu le didim be yewoage ɖe anyigba wɔnu sia me. Anyigba ƒe akpa aɖe gbegblẽ ɖi na gbemelãwo nye nya sesẽ aɖe si ŋu woʋlia nya le ɣesiaɣi.\nƔeaɖeɣi va yi la, tò gbogbo aɖewo tsana le Dziehe Amerika gbea dzi. Fifia la wo katã wotsrɔ̃. Ame aɖewo le vɔvɔ̃m be nenema ke klatsa ha gã si le Ɣedzeƒe Afrika la hã ava vɔe. Anye nublanuinya gbeɖeka ne eva dzɔ be dz��dzɔmenu wɔnuku sia nu yi. Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me amegbetɔwo kple lãwo anɔ anyi ɖekae le Mawu ƒe dziɖuɖu te. (Yesaya 11:6-9) Le ɣeyiɣi siawo me la, míayi edzi anɔ dzidzɔ dom ɖe nu nyakpɔ sia ŋu—si nye klatsa ha ƒe ʋuʋu gã la.\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nEle na lãhawo be woatso tɔsisi siwo le sisim sesĩe","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030308\/%C6%B2u%CA%8Bu-le-Ha-G%C3%A3-a%C9%96e-Me\/","date":"2021-05-07T05:01:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988774.96\/warc\/CC-MAIN-20210507025943-20210507055943-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993515611,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993515610694885}","num_words":1702,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo\nTOGBƆ be wogblɔa anyigbaʋuʋu gblẽnuwo kple tsiɖɔɖɔ siwo tsrɔ̃a ame gbogbowo ŋu nyawo bobobo le nyadzɔdzɔwo me hã la, ƒã hafi alesi dɔxɔleameŋuwo le kakam le adzame ŋu nyawo ɖina nenema le nyadzɔdzɔwo me. Togbɔ be ele alea hã la, \"Red Cross\/Red Crescent\" (Atitsoga Dzĩ Kple Dzinu Xaxɛ Dzĩ) habɔbɔ ƒe June 2000 ƒe nyadzɔdzɔ aɖe gblɔ be: \"Amesiwo gbegbe dɔxɔleameŋuwo (abe AIDS, asrã, dɔléle siwo naa gbɔgbɔ sesẽna kple mitsinyenye ene) wu la sɔ gbɔ zi gbɔ zi 160 sɔŋ wu amesiwo dzɔdzɔmefɔkuwo wu le ƒe si va yi me. Eye nɔnɔmea kpɔtɔ le gbegblẽm ɖe edzi.\"\nNu eve koŋue wogblɔ be woawoe na xexlẽmea sɔ gbɔ nenema. Ðekae nye alesi AIDS si wua ame 300 gaƒoƒo ɖesiaɖe la le kakam madzudzɔmadzudzɔe. Peter Walker si nye afɔkuwo ŋu ɖoɖowɔwɔ dzikpɔla na Atitsoga Dzĩ Kple Dzinu Xaxɛ Dzĩ Habɔbɔwo ƒe Dukɔwo Dome Ƒuƒoƒo gblɔ be AIDS \"meganye dɔléle dzro ko o, afɔkue wònye. Dɔléle si kakana dea afisiafi nenema la tsrɔ̃a dɔwɔlawo hegblẽa ganyawo dome.\" Nu eveliae nye alesi dumeviwo ƒe lãmesẽgbɔkpɔnyawo dome le gbegblẽmee, eye wòwɔe be dɔléle xoxo aɖewo abe yɔmekpe, agbadza, kple asrã gale tɔtrɔm gbɔ kple adã. Le kpɔɖeŋu me, Asia dukɔ aɖe bua akɔnta fifia be ame 40,000 sɔŋ ŋue wole yɔmekpe kpɔm le yeyee ƒe sia ƒe. Le Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖe me la, amesiwo le agbadza xɔm dzi ɖe edzi zi gbɔ zi 40 le ƒe ewo siwo va yi me.\nGake nusi wɔ mo yaa enye be togbɔ be dɔxɔleameŋuwo trɔ zu afɔkuwo hã la, le nyateƒe me, dɔléle siwo woate ŋu axe mɔ na bɔbɔe wu ye wonye hafi. Le nyateƒe me la, nyatakaka la gblɔ be \"anye ne woate ŋu azã United States dɔlar 5 ɖe ame ɖeka ɖesiaɖe ŋu atsɔ axe mɔ na\" ame miliɔn 13 siwo dɔxɔleameŋuwo wu le ƒe 1999 me la dometɔ akpa gãtɔ ƒe kuku hafi. Ne ɖe xexeame ƒe dziɖuɖuwo alɔ̃ azã dɔlar 5 ɖe ame ɖeka ɖesiaɖe ƒe lãmesẽgbɔkpɔkpɔ ŋu—si katã ava nye dɔlar biliɔn 30—la, kpɔ amesiwo gbegbe ƒe kuku dzodzroe si woate ŋu axe mɔ na hafi ɖa!\nTogbɔ be ga home sia sɔ gbɔ hã la, meɖi naneke kura o ne míetsɔe sɔ kple ga si xexeame gblẽna ɖe dɔwɔna bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe aɖe si va yi medidi boo o me la, ga home si wozã le xexeame godoo ɖe asrafowo ŋu ɖo dɔlar biliɔn 864—si nye $144 zazã ɖe ame ɖeka ŋu. Wò ya bu ga gbogbo bubu si wogazãna tsɔ dzrana ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu tsɔ wu be woazãe ɖe dɔléle nu tsitsi ŋu kpɔ! Ðewohĩ nya la koe nye be dɔxɔleameŋuwo nu tsitsi gbɔ ameƒomea ƒe ŋutete ŋu yi—menye gae meli o, ke boŋ susu deto aɖewo tae. Ne èbu eŋu kpɔ la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu aɖo nu veviwo nɔƒe gbãtɔ gɔ̃ hã o.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]\nX ray: New Jersey Medical School—National Tuberculosis Center\nPhoto of man coughing: WHO\/Thierry Falise","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010808\/D%C9%94x%C9%94leame%C5%8Buwo-Wogbl%E1%BA%BDa-Nu-Gake-Woate-%C5%8Au-Axe-M%C9%94-na-Wo\/","date":"2021-06-19T15:55:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487648373.45\/warc\/CC-MAIN-20210619142022-20210619172022-00503.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993100166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993100166320801}","num_words":491,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMíexɔ Mawu dzi se vavã,\nBe ewɔ dzi kpl'anyigba\nKple mí amegbetɔwo hã\nTsɔa lɔlɔ̃ sɔŋ kpɔa mía ta;\nEnyia luʋɔ kple ŋutilã,\nEye ne fu va mía dzi la,\nExɔa mí kple 'ƒe ŋusẽ\nStanza 2\nMíexɔ Yesu dzi se vavã,\nMawuvi kple mía ɖela\nŊusẽ kple bubu hẽ le 'si\nEya kple Fofo la sɔ\nGbɔgbɔ kɔkɔe kple Maria\nDzii sigbe amevi ene\nBene wòazu mía ɖela\nStanza 3\nEya kpe fu geɖe ŋutɔ,\nVa ku l'atitsoga ŋu;\nWoɖii, eƒe gbɔgbɔ yĩ tsiẽ,\nEnɔ yɔ me ŋkeke 'tɔ̃,\nFɔ tso ame kukuwo de\nÐanɔ Fofoa nuɖusime,\nFima wòagatso ava\nStanza 4\nMíexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe dzi se;\nEya hã enye Mawu,\nEsɔ kple Fofo la kple Via,\nEnye mía 'kɔfaka hã;\nEya klɔa Kristotɔwo ŋu,\nNuvɔ̃keke, tsitretsitsi\nKpl' agbe tsoa egbɔ na mí","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-26\/","date":"2021-06-14T12:51:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00157.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981920719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981920719146729}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔse Vavã—Ðe Wòagate Ŋu Anɔ Ame Sia?\n\"Xɔse nye dziɖoɖo sẽŋu gbagbe si le ame si be Mawu ave ye nu, kakaɖedzi nɔa eŋu na xɔsetɔa ale gbegbe be edea eƒe agbe afɔku me zi geɖe ɖe eta.\"—MARTIN LUTHER, ƑE 1522.\n\"Le nusianu kloe me la, míezu xexemetɔ siwo dome Kristotɔwo ƒe xɔse kple wɔnawo bu le keŋkeŋ vɔ.\"—LUDOVIC KENNEDY, ƑE 1999.\nAMEWO ƒe nukpɔsusu le xɔse ŋu te ŋu toa vovo sã. Tsã la, Mawudzixɔse bɔ. Le egbe ƒe xexe si me ɖikeke kple fukpekpe le me la, Mawu kple Biblia dzi xɔse vavãtɔ le bubum kabakaba.\nXɔse Vavã La\nLe ame geɖe gome la, nusi \"xɔse\" fia koe nye be subɔsubɔdzixɔse aɖe nanɔ ame si alo woanɔ subɔsubɔha aɖe me. Gake le mɔ si nu Biblia zã \"xɔse\" le gome la, nusi wòfia koŋ enye ŋuɖoɖeŋu bliboe—kakaɖedzi blibo si meʋuʋuna o si anɔ ame si ɖe Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋu. Nɔnɔme si ɖea dzesi le Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la ŋue wònye.\nƔeaɖeɣi la, Yesu Kristo ƒo nu tso alesi wòle be woado gbe ɖa eye 'ɖeɖi nagate ame ŋu o' la ŋuti. Le nya sia gbɔgblɔ me la, ebia nenye be xɔse vavã ate ŋu anɔ anyi le míaƒe egbeŋkekeawo me. Ebia be: \"Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?\" Nukatae wòbia nya sia?—Luka 18:1, 8.\nXɔse Bu\nNu geɖe ate ŋu ana amewo nabu xɔse si nɔ wo si. Esiawo dometɔ aɖewoe nye dzigbãnyawo kple tetekpɔ siwo míedoa goe gbesiagbe le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, nufialagã Michael Goulder nye nunɔla le Manchester, England, esime Munich yameʋufɔkua dzɔ le ƒe 1958 me si me Manchester United bɔlƒohaa me tɔ geɖe ku le. Le BBC television dzi wɔna aɖe me la, nyadzɔdzɔgblɔla Joan Bakewell gblɔ be Goulder \"ƒe lãme fa esi wòkpɔ alesi gbegbe amewo nɔ konyi famee.\" Emetsonu ɖeka enye be \"xɔse megava nɔ esi be Mawu xɔna na ame le afɔku me o.\" Goulder ʋu eƒe xɔse me be \"Biblia menye . . . Mawu ƒe nya si ŋu vodada mele o\" ke boŋ, \"amegbetɔ ƒe nya si ŋu vodada le ye wònye, ɖewohĩ teƒe aɖewo koe nye Mawu ƒe nya si woŋlɔ.\"\nƔeaɖewoɣi la, ɖeko amewo ƒe xɔse nɔ to yim vivivi. Aleae wòdzɔ le nuŋlɔla kple nyadzɔdzɔgblɔla Ludovic Kennedy gome. Egblɔ be tso ɖevime kee \"yenɔ ɖi kem ɣeaɖewoɣi [le Mawu ŋu] eye [yeƒe] xɔse nɔ to yim.\" Edze abe ame aɖeke mete ŋu ɖo eƒe biabiawo ŋu nɛ ne eƒe dzi nadze eme o ene. Fofoa ƒe ku le atsiaƒu dzi nye nusi gagblẽ nu vevie le eƒe xɔse si gbɔdzɔ xoxo la ŋu. Womeɖo gbe siwo wodona ɖa na Mawu be \"[wòakpɔ] mía ta tso atsiaƒu ƒe afɔkuwo kple futɔwo ƒe ŋutasesẽ me\" ŋu o esime Germany-ʋawɔʋuwo dze meli si wotrɔ wòzu ƒudzimɔzɔʋu si me fofoa nɔ dzi hetsrɔ̃e le Xexemeʋa II me.—All in the Mind—A Farewell to God.\nNuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe bɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: \"Menye amewo katã si xɔse la le o.\" (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Nukae nye wò susu? Ðe woagate ŋu axɔ Mawu kple eƒe Nya dzi ase vavã le xexe si me ɖikeke le dzidzim ɖe edzi mea? Dzro nusi nyati si kplɔe ɖo agblɔ le nya sia ŋu me kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011001\/X%C9%94se-Vav%C3%A3-%C3%90e-W%C3%B2agate-%C5%8Au-An%C9%94-Ame-Sia\/","date":"2021-06-23T18:45:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488539764.83\/warc\/CC-MAIN-20210623165014-20210623195014-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979054928,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979054927825928}","num_words":533,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wòsɔ be Kristotɔwo natɔ dzo woƒe ame kukuwoa?\nŊɔŋlɔawo megblɔ nya aɖeke tsɔ tsi tre ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu o.\nNuŋlɔɖiwo le Biblia me si ɖo kpe edzi be wotɔ dzo ame kuku aɖewo alo woƒe ƒuwo. (Yos. 7:25; 2 Kron. 34:4, 5) Ðewohĩ ema wɔwɔ ate ŋu afia be ame mawo medze be woaɖi wo bubutɔe o. Gake menye ɣesiaɣie dzotɔtɔ ame kukuwo fia be wonye ame siwo medze be woaɖi wo bubutɔe o.\nEsia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le nuŋlɔɖi si ku ɖe Fia Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo ƒe ku ŋu la me. Wo ame eneawo katã ku esi wonɔ aʋa wɔm kple Filistitɔwo. Saul viŋutsuawo dometɔ ɖekae nye Yonatan, si nye David xɔlɔ̃ vevi kple ame si kpe ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Esi Israel kalẽtɔ siwo le Yabes-Gilead se nu si dzɔ ɖe wo dzi la, woyi ɖafɔ wo ame eneawo ƒe kukuawo, wotɔ dzɔ wo, eye eyome woɖi woƒe ƒuwo. Emegbe David kafu Israel vi mawo ɖe nu si wowɔ ta.\nMɔkpɔkpɔ si le Ŋɔŋlɔawo me na ame kukuwoe nye tsitretsitsi. Esia fia be Mawu agagbɔ agbe amea. Ŋusẽ le Yehowa si be wòagbɔ agbe ame ana ŋutilã yeye eyama, eɖanye be ɖe wotɔ dzoe alo ɖe woɖii o. Hebrivi wɔnuteƒe etɔ̃ siwo Fia Nebukadnezar ɖe gbe be woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me mevɔ̃ be, ne yewofiã la, Mawu magate ŋu afɔ yewo ɖe tsitre o. (Dan. 3:16-18) Nenema kee Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me mevɔ̃ esime wodze ŋgɔ ku o, togbɔ be wonya be woatɔ dzo yewo ne wowu yewo hã. Dzo fiã Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖewo woku alo woku le afɔku bubuwo aɖewo me eye woƒe akpa aɖeke mesusɔ o. Ke hã kakaɖedzi li be woafɔ wo ɖe tsitre.\nMehiã be Yehowa naƒo ŋutilã si nɔ ame si ku la si nu ƒu hafi ate ŋu agbɔ agbee o. Ale si Mawu fɔa Kristotɔ amesiaminawo ɖe tsitre be woayi aɖanɔ agbe le dziƒo la ɖo kpe esia dzi. Abe Yesu, ame si \"wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me\" ene la, wofɔa Kristotɔ amesiaminawo wonyea ame mawo ke, gake wonaa gbɔgbɔŋutilã wo. Wometsɔa ŋutilã si nɔ wo ŋu tsã la ƒe akpa aɖeke yia dziƒo o.\nNe míeku la, menye nu si wowɔ kple míaƒe kukua dzie míaƒe tsitretsitsi anɔ te ɖo o, ke boŋ anɔ te ɖe ale si míexɔ ŋusẽ si le Mawu si kple didi si le eme be wòawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se la dzi. (Dɔw. 24:15) Míese ale si Mawu fɔ ame aɖewo ɖe tsitre nukutɔe le blema, alo ale si wòawɔ esia le etsɔme la gɔme bliboe o. Ke hã míeka ɖe Yehowa dzi bliboe. Elabena ena tsitretsitsia ŋuti \"kpeɖodzi\" mí esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre.\nAnyo be Kristotɔwo nabu nu si nutoa me tɔwo buna be esɔ, woabu amewo ƒe seselelãme, kple dziɖuɖua ƒe se siwo ku ɖe ame kukuwo ɖiɖi alo dzotɔtɔ wo ŋu la ŋuti. (2 Kor. 6:3, 4) Eya ta be woatɔ dzo ame kukua alo aɖii la nye ame ŋutɔ alo ƒometɔwo ƒe nyametsotso.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140615\/kristot%C9%94wo-t%C9%94a-dzo-ame-kukuwoa\/","date":"2021-06-19T18:46:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487649688.44\/warc\/CC-MAIN-20210619172612-20210619202612-00331.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982075095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982075095176697}","num_words":499,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Afɔku aɖe Trɔ Nye Agbee\nABE ALESI STANLEY OMBEVA GBLƆE ENE\nLe ƒe 1982 me la, ʋu aɖe si nɔ du dzi sesĩe ƒom. Woda dɔ nam eye eteƒe medidi o megadze nye gbesiagbe dɔwɔnawo gɔme, togbɔ be mesea veve enuenu le esi ƒu aɖe gli le nye kɔ kple akɔta dome ta hã. Gake ƒe 15 megbe la, meto nuteƒekpɔkpɔ sesẽtɔ kekeake si do nye xɔse kpɔ wu la me.\nDO ŊGƆ na afɔkua kple emegbe la, ŋusẽ nɔ ŋunye ŋutɔ va ɖo afi aɖe. Medea kame nyuie ɣesiaɣi si nyea duƒuƒu kilometa 10 va ɖo 13 le kwasiɖanuwuwuwo, mewɔa kamedefefe si nye squash, eye mewɔa dɔ sesẽ. Mekpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tututu ŋu le Nairobi, Kenya, afisi míele.\nEmegbe, le ƒe 1997 me la, nye akɔta va nɔ veyem sesĩe edziedzi. Dodokpɔ si kɔdzitɔwo wɔ ɖee fia be nye dzimeƒu ƒe kpeƒe aɖe gli eye wònɔ nye dzimeƒumeka miam. Wogblɔ be afɔku si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la gbɔe wòtso.\nHafi nye lãmea nava gblẽ ɖe edzi la, mekpɔ nudzadzradɔ aɖe. Ƒome ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nugblẽfexeɖoɖo hã nye nunana siwo kpe ɖe eŋu. Mɔkpɔkpɔ si nɔ asinye ɖe ŋutilãmedɔa ŋu nyo ale gbegbe. Gake le ƒe 1998 ƒe domedome la, tso nye akɔta va ɖo afɔwo gbɔ va kuna ɖe ŋunye yigbaa ŋutɔ. Nye lãme nɔ gbegblẽm ɖe edzi gbesiagbe.\nEteƒe medidi o, dɔ ge le asinye, tsɔ kpe ɖe eŋu viɖewo katã ŋu. Mía vinyɔnu eve, Sylvia xɔ ƒe 13 eye Wilhelmina hã xɔ ƒe 10 ɣemaɣi. Esi dɔ meganɔ asinye o ta la, ele be míanɔ agbe ɖe fetu si srɔ̃nye, Joyce xɔna ɣleti kukui nu. Esi míedze ŋgɔ nɔnɔme yeyewo ta la, míetrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu to nusiwo mehiã tututu o la dzi ɖeɖe akpɔtɔ me. Míedze agbagba nɔ te ɖe enu.\nSeselelãme Gbegblẽwo\nMalɔ̃ ɖe edzi be esi nusi tututu nɔ wɔyem la va dze ƒã la, dzi ɖe le ƒonye, nyemekɔa nu le nye nyawo dzi o, eye medoa dziku kabakaba. Ɣeaɖewoɣi la, medoa dziku vevie hedoa adã, eye mehea nya ɖe nu suetɔ ɖesiaɖe ta. Meléa blanui ɣesiaɣi kloe. Blanuilélea gblẽ nu le amesiame ŋu le ƒomea me. Nɔnɔme yeye aɖe kura si ŋu srɔ̃nye kple mía vinyɔnuwo menya nu boo aɖeke tsoe o lae dze ŋgɔ wo.\nƔemaɣi la, mebui be naneke megblẽ le nye seselelãmewo ŋu o. Nye kpekpeme dzi ɖe edzi. Nugodo dede kple aɖuɖɔ ɖɔɖɔ ƒe kuxi sesẽ aɖe nɔ ŋunye. Ekpea ŋu nam enuenu. Zi geɖe la, meɣlaa ɖokuinye nɔa avi fam. Medoa dziku vevie ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be ɖeko wòɖia kokoe. Menyae be nyemenɔ nu wɔm nyuie ɖe nye nɔnɔmea ŋu o.\nEsi menye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me ta la, mexlɔ̃ nu hati Kristotɔwo enuenu be woagabu fukpekpe aɖeke ƒe fɔ Yehowa gbeɖe o. Ke hã, nye ŋutɔe va le biabiam—eye menye zi ɖeka hã o—be 'Nukata wòle be Yehowa naɖe mɔ nusia nadzɔ ɖe dzinye?' Togbɔ be mezãa ŋɔŋlɔawo abe Korintotɔwo I, 10:13 ene me nyawo tsɔ doa ŋusẽ hedea dzi ƒo na ame bubuwo hã la, mese le ɖokuinye me be nusi wu tsɔtsɔ nam me tomee mele!\nAtikewɔwɔ ƒe Kuxia\nAtikewɔwɔ ƒe mɔnu nyuitɔ kpɔkpɔ nye kuxi. Meyia kamededetikewɔla, ƒukpela, kple nutɔtɔamedɔdala gbɔ le ŋkeke ɖeka me. Ne makpɔ gbɔdzɔe kura hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe tɔ koe wònyena. Mede ɖɔkta vovovowo, tsɔ kpe ɖe ƒugɔglɔ̃dzɔla kple ahɔhɔ̃kola ŋu gbɔ. Wo katã lɔ̃ ɖe nya ɖeka aɖe dzi: Ehiã be woawɔ dɔ nam be vevesesea dzi naɖe akpɔtɔ ahaɖe ƒu si gli la ɖa. Le nye dzixɔse siwo tso Biblia me ta la, meɖe nu me na atikewɔla siawo be womado ʋu nam le nɔnɔme aɖeke me o.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.\nAmekola gbãtɔ gblɔ be yeako nye dzime. Eɖe eme nam be afɔku ate ŋu anɔ mɔnu sia ŋu. Gake amekola sia mete ŋu ɖo kpe edzi nam be yemazã ʋu o. Nyemegatrɔ yi egbɔ o.\nEvelia gblɔ be yeako nye kɔ be yeate ŋu ake ɖe dzimeƒumekaa ŋu. Mɔnu sia dze nu dziŋɔ nam ŋutɔ. Togbɔ be nye ʋumadomadoa menye kuxi aɖeke nɛ o hã la, edi be yeakom enumake numeɖeɖe boo aɖeke manamanae. Meɖe asi le eya hã ŋu.\nGake mete ŋu va kpɔ ɖɔkta aɖe si lɔ̃ ɖe nye didiwo dzi to Yehowa Ðasefo siwo nye míaƒe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me tɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me. Mɔnu si amekola etɔ̃lia kafu la sɔ kple esi evelia hã kafu; ebia be woako kɔ nam. Eɖe eme be afɔkuawo anɔ ʋɛ.\nAlesi woawɔ amekokoa ƒe wɔwɔfia tsitotsito si mekpɔ la do ŋɔdzi nam ale gbegbe. Enyanya be woahiã be woawɔ dɔ sia le ŋutinu vevi siwo nye dzi la kple dzitodzito ŋu ye na megavɔ̃ ɖe edzi. Ðe matsi agbea? Abe alesi nànyae ene la, dziɖeleameƒo ƒe seselelãme mawo meɖe vɔvɔ̃ si nɔ menye la ɖa o.\nLe November 25, 1998, dzi la, wowɔ gaƒoƒo ene ƒe dɔ kpɔdzidzedze aɖe nam le Nairobi kɔdzi. Amekokoa lɔ nye alimeƒu sue aɖe ɖeɖe ɖa hã ɖe eme. Wotrɔ asi le ƒu sue si woɖe la ŋu hetsɔ ga gbabɛ kple gatagbadzɛ de esi gblẽ la teƒe. Esia kpe ɖe ŋunye. Gake meɖe nye kuxiwo katã ɖa o. Mesea veve geɖe ne mele zɔzɔm. Nye lãme gakuna yigbaa edziedzi.\nNɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia\nAbe alesi megblɔe va yi ene la, metsɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe xa nu hebu tame mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe tso nye nɔnɔmea ŋu. Nukutɔe la, dɔnɔdzikpɔla geɖe kafuam ɖe nye akɔdzedzeanyi kple mɔkpɔkpɔ si le asinye la ta. Nukata wose le wo ɖokui me nenema? Wokpɔe be togbɔ be menɔ veve sem vevie hã la, megaƒoa nu tso dzixɔse si le asinye na Mawu ŋu na wo.\nTogbɔ be medoa dziku hedoa adã ɣeaɖewoɣi le nusiwo me tom mele ta hã la, megakpɔtɔ ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Edo alɔm le nusiwo katã me meto la me—ale gbegbe be, ŋu kpeam ɣeaɖewoɣi. Meɖoe kplikpaa be maxlẽ ŋɔŋlɔ siwo menya be woade dzi ƒo nam le nɔnɔme si me tom mele la me ahade ŋugble le wo ŋu. Esiawo dometɔ aɖewo nye:\nNyaɖeɖefia 21:4: \"Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.\" Ŋugbledede le Biblia ƒe ŋugbedodo si ku ɖe xexe yeye si me aɖatsi kple vevesese nu ayi tegbee ŋu la fa akɔ nam.\nHebritɔwo 6:10: \"Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.\" Togbɔ be mezu wɔametɔ hã la, menyae be Yehowa ade asixɔxɔ dɔ siwo mewɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.\nYakobo 1:13: \"Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.\" Aleke nya ma nye nyateƒe enye esi! Togbɔ be Yehowae ɖe mɔ ɖe nye fukpekpea ŋu hã la, menye egbɔe wòtso kura o.\nFilipitɔwo 4:6, 7: \"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.\" Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye nye susu dze akɔ anyi alesi dze, si wɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye nɔnɔmea nu nunyatɔe wu.\nMezã ŋɔŋlɔ siawo tsɔ de dzi ƒo na amewo le woƒe xaxawo me—eye wokpe ɖe wo ŋu! Gake meva de dzesii be nyemese asixɔxɔ si le wo ŋu gɔme bliboe o. Nye dɔlélea mee mevase ɖokuibɔbɔ gɔme eye mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le.\nŊusẽdoamenu Bubuwo\nAme geɖewo ƒoa nu tso Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu be enye kpekpeɖeŋutsoƒe gã le xaxaɣiwo me. Ke hã aleke wòle bɔbɔe enye si be míaŋe aɖaba aƒu mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dzi! Enye nyateƒe be seɖoƒe ate ŋu anɔ kpekpeɖeŋu siwo woate ŋu ana ŋu ya, gake woli na mí ɣesiaɣi. Esia va eme le gonyeme. Womegbea gbɔnye vava le nye dɔbadzi nɔnɔ le kɔdzi o, eye wovana ŋdi kanya ɣeaɖewoɣi. Wokpe ɖe ŋunye le kɔdzifewo xexe gɔ̃ hã me. Meda akpe geɖe na amesiwo katã dzi nye nɔnɔmea wɔ dɔ ɖo eye wova xɔ nam la.\nLe míaƒe hamea me la, Ðasefowo nyae be nyemagate ŋu awɔ nu boo aɖeke o. Fifia la menye dzikpɔla zimenɔla eye mele dɔ wɔm kple Kristotɔ hamemegã alɔdoamelawo. Nyemedzudzɔ gbeƒãɖeɖe kpɔ gbeɖe o. Le nye dɔlélea ƒe sesẽaƒe la, mekpe ɖe ame eve ŋu va ɖo esime wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Ðeka nye subɔsubɔdɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me le Nairobi fifia.\nNyemenya aleke gbegbee mada akpe na srɔ̃nye ɖe kpekpeɖeŋu si wònam le nɔnɔme sesẽ bliboa me ta o. Edo dzi le dzikudoɣiwo, nye seselelãmewo ƒe tɔtrɔwo, nye ŋumaɖɔɖowo, kple nye dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣiwo me. Ɣesiaɣi si manɔ avi fam ahanɔ veve sem la, edea dzi ƒo nam hefaa akɔ nam. Ŋusẽ kple ŋutete si nɔ esi le nɔnɔme sesẽawo me gakpɔtɔ wɔa nuku nam. Eɖee fia be yenye 'xɔlɔ̃ lɔ̃ame ɣesiaɣi.'—Lododowo 17:17.\nMía vinyɔnuawo hã srɔ̃ alesi woakpe akɔ kple nye nɔnɔmea. Wowɔ nusi woate ŋui tsɔ na kpekpeɖeŋum. Wose nye hiahiãwo gɔme eye wotsona ɖe eŋu kaba, hekpɔa egbɔ si wɔe be nye dzi dze eme ne wo dada meli o. Sylvia ye nye nye \"atizɔti,\" si kpena ɖe ŋunye be maɖi tsa le aƒea me ne mekpɔe be ŋusẽ vɔ le ŋunye.\nKe Mina, si nye ɖevitɔ, ya ɖe? Meɖo ŋku ɣeaɖeɣi si medze anyi le aƒea me eye nyemete ŋu nɔ fɔfɔm o la dzi. Eya ɖeka koe nɔ aƒeme. Etsɔ eƒe ŋusẽ katã tsɔ fɔm ɖe te eye wòkplɔm ɖɔɖɔ yi ɖe nye xɔmee. Menya alesi tututu wòwɔ te ŋu wɔ esia o. Nuwɔwɔ dzinɔameƒotɔe ɖeka ma tsi susu me nam ɖikaa.\nTenɔnɔ ɖe nye afɔku nue nye nɔnɔme sesẽtɔ kekeake si me meto kpɔ le nye agbe me. Egakpɔtɔ nye nɔnɔme sesẽ si me tom mele. Naneke metɔ gbe nye agbe kple xɔse alea gbegbe kpɔ o. Mesrɔ̃ nu geɖe tso ɖokuibɔbɔ, nugɔmesesename, kple veveseseɖeamenu ŋu. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple kaka ɖe eyama dzi kpe ɖe ŋunye le nye kuxi sia me.\nMeva kpɔ apostolo Paulo ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii be: \"Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.\" (Korintotɔwo II, 4:7) Mekpɔa akɔfafa geɖe le \"dziƒo yeye kple anyigba yeye\" si ƒe ŋugbe Mawu do be ava va la me. (Petro II, 3:13) Mele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi anɔ lényem ɖe te ɖaseɖe esime xexe yeye ma nava, elabena ŋusẽ megale ŋunye o kokoko eye nu sue aɖe koe mate ŋu awɔ le nye ŋusẽ me.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]\nKristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ kple nye ƒomea kpe ɖe ŋunye medo dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/Alesi-Af%C9%94ku-a%C9%96e-Tr%C9%94-Nye-Agbee\/","date":"2021-06-25T11:37:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630081.36\/warc\/CC-MAIN-20210625085140-20210625115140-00635.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985911846,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985911846160889}","num_words":1812,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Yehowa Tsɔa Ðe Le Nusiwo Nèwɔna Mea?\nALEKE nàɖo biabia ma ŋui? Ame geɖe agblɔ be: 'Mexɔe se be Mawu de dzesi dɔ siwo amewo abe Mose, Gideon, kple Dawid ene wɔ, gake nyemeka ɖe edzi be etsɔa ɖe le nusi mewɔna me o. Nyemesɔ kple Mose, Gideon, alo Dawid o.'\nNyateƒee wònye be ŋutsu wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ xɔsedɔ tɔxɛ aɖewo. 'Woɖu fiaɖuƒewo dzi, womiã nu na dzatawo, wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wosi le yi nu.' (Hebritɔwo 11:33, 34) Ke hã ame bubuwo ɖe xɔse fia le mɔ si meɖe dzesi tututu o nu, eye Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu tsɔ ɖe le xɔsedɔ siwo woawo hã wowɔ me. Abe kpɔɖeŋu ene la, bu esiwo dze le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe alẽkplɔla, nyagblɔɖila, kple ahosi aɖe ŋu kpɔ.\nAlẽkplɔla aɖe Tsɔ Vɔsa aɖe Na\nNukae nèɖo ŋkui le Abel, si nye Adam kple Xawa vi evelia ŋu? Àɖo ŋku edzi be eku xɔsetaku, si nye nane si ƒã hafi wòate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ aɖe dzi. Gake Mawu de dzesi Abel zi gbãtɔ le nu bubu aɖe ta.\nGbeɖeka Abel tia lã nyuitɔ kekeake le eƒe lãha dome eye wòtsɔe sa vɔ na Mawu. Woabu eƒe nunana nu tsɛ aɖee egbea, gake Yehowa kpɔe eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Ke hã mese ɖe afima ko o. Ƒe akpe ene kloe megbe la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo be wòŋlɔ nu tso eŋu le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me. Togbɔ be ƒe geɖe va yi hã la, Mawu meŋlɔ vɔsasa tsɛ ma be o!—Hebritɔwo 6:10; 11:4.\nAleke Abel te ŋu wɔ nya vɔsa si tɔgbe wòatsɔ ana? Biblia megblɔe o, gake anye be ede ŋugble le nya la ŋu. Alẽkplɔlae wònye, eyata mewɔ nuku be etia lãwo le eƒe lãha la dome tsɔ na o. Gake de dzesii be etsɔ nyuitɔwo na—esiwo \"dami.\" (Mose I, 4:4) Ate ŋu anye hã be ede ŋugble le Yehowa ƒe nya si wògblɔ na da la le Eden-bɔa me ŋu si gblɔ be: \"Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.\" (Mose I, 3:15; Nyaɖeɖefia 12:9) Togbɔ be Abel mese amesi \"nyɔnu la\" kple eƒe \"dzidzime\" nye gɔme o hã la, anya de dzesii be 'afɔkpodzi ɖuɖu' na nyɔnua ƒe dzidzime alɔ ʋukɔkɔɖi ɖe eme. Ðikekemanɔmee la, ade dzesii be naneke mate ŋu axɔ asi asɔ ɖe enu wu nuwɔwɔ aɖe si me agbe le o. Ke hã nu vevitɔ enye be vɔsa si wòtsɔ na nye esi sɔ tututu.\nAbe Abel ene la, Kristotɔ siwo li egbea saa vɔ na Mawu. Menye lãhawo ƒe ŋgɔgbevie wotsɔ nana o, ke boŋ 'kafukafuvɔsa si nye nuyi, siwo ʋua Mawu ŋkɔ me la, ƒe kutsetsee.' (Hebritɔwo 13:15) Míetsɔ míaƒe nuyiwo ʋua eme ne míegblɔ míaƒe xɔse na ame bubuwo.\nÐe nàdi be yeatrɔ asi le wò vɔsaa ŋu wòanyo ɖe edzi wua? Ekema bu amesiwo le wò nutoa me ƒe hiahiã ŋu nyuie. Nukawo ŋue wotsia dzi ɖo? Nukae doa dzidzɔ na wo? Biblia ƒe gbedasi kae aʋã wo? Le gbeƒãɖeɣi ɖesiaɖe me la, dzro sasrãkpɔ siwo nèwɔ me kpɔ kple susu be nàte ŋu atrɔ asi le wò dɔwɔwɔ ŋu wòanyo ɖe edzi wu. Eye ne èle nu ƒom tso Yehowa ŋu la, gblɔe kple kakaɖedzi tso dzi blibo me. Wɔ wò vɔsa wòanye \"kafukafuvɔsa\" vavã.\nNyagblɔɖila aɖe Ðe Gbeƒã na Tomaɖolawo\nFifia bu nyagblɔɖila Henox ŋu kpɔ. Anye be eya ɖeka koe nɔ anyi ɣemaɣi abe Yehowa Mawu ƒe ɖasefo ene. Ðe nèle abe Henox ene, wònye wò ɖekae le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ƒomea mea? Wò ɖeka koe nye sukuvi le miaƒe sukuxɔ me alo wò ɖeka koe nye dɔwɔla le miaƒe dɔwɔƒea si léa Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asia? Ne wò ɖeka koe la, ànya nɔ go dom nyaƒoɖeamenuwo. Xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, sukuxɔmehatiwo, alo dɔwɔhatiwo aƒoe ɖe nuwò be nàda le Mawu ƒe sewo dzi. Woate ŋu agblɔ na wò be: \"Ame aɖeke manya nusi nèwɔ la akpɔ gbeɖe o. Míagblɔe na ame aɖeke o.\" Woate ŋu aƒoe ɖe nuwò agblɔ be enye movidzɔdzɔ be nànɔ dzi tsim ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu kple susu be Mawu metsia dzi ɖe nusi nèwɔna ŋu o. Ne eva le dzi kum na wo be wò nukpɔsusu kple nuwɔnawo mele abe wo tɔ ene o la, woawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe be nàgbɔdzɔ.\nNyateƒee, mele bɔbɔe be woanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu o, gake menye nusi dzi womate ŋu aɖu o. Bu Henox, amesi nye dzidzime adrelia tso Adam dzi, ŋu kpɔ. (Yuda 14) Hafi wodzi Henox la, ame geɖewo ƒe dzitsinya ku atri xoxo. Woƒe nuƒowo nye ŋukpenanyawo; woƒe agbenɔnɔ 'ƒaƒã.' (Yuda 15) Woƒe nuwɔna katã le abe alesi ame geɖewo wɔa nu egbea ene.\nAleke Henox te ŋu nɔ te ɖe enui? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí egbea. Togbɔ be anye Henox ɖeka koe nye amesi subɔa Yehowa le anyigba dzi ɣemaɣi hã la, le nyateƒe me la, metsi akogo o. Henox zɔ kple Mawu.—Mose I, 5:22.\nMawu ŋu dzedzee nye nusi ŋu Henox ƒe susu nɔ le agbe me. Enya be zɔzɔ kple Mawu lɔ nu geɖe ɖe eme wu agbe dzadzɛ nɔnɔ ko. Yehowa di tso esi be wòaɖe gbeƒã. (Yuda 14, 15) Ehiã be woaxlɔ̃ nu ameawo be Mawu le woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo teƒe kpɔm. Henox yi dzi zɔ kple Mawu wu ƒe 300—si nye ɣeyiɣi si didi wu ɖesiaɖe si mía dometɔ ɖesiaɖe do dzi va se ɖo kpɔ. Eyi dzi zɔ kple Mawu vaseɖe gbesigbe wòku.—Mose I, 5:23, 24.\nAbe Henox ene la, wode dɔ asi na míawo hã be míaɖe gbeƒã. (Mateo 24:14) Hekpe ɖe tso aƒeme yi aƒeme ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu la, míedzea agbagba be míatsɔ nyanyuia ayi na ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple sukuxɔmehatiwo. Anɔ eme baa be míavɔ̃ ɣeaɖewoɣi be míaƒo nu dzideƒotɔe. Kuxi siae ɖea fu na wòa? Dzi megaɖe le ƒowò o. Srɔ̃ Kristotɔ gbãtɔwo, eye nàdo gbe ɖa na Mawu be wòana dzinɔameƒo wò. (Dɔwɔwɔwo 4:29) Mègaŋlɔ be gbeɖe o be zi alesi nènya le zɔzɔm kple Mawu ko la, meganye wò ɖekae o.\nAhosi aɖe Wɔ Amedzro\nBu ahosi aɖe si ƒe ŋkɔ womeyɔ o si xɔ yayra teƒe eve le esi wòɖa nu tsɛ aɖe tsɔ wɔ amedzro ŋu kpɔ! Menye Israel-vie wònye o, ke boŋ enye du bubu me tɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me le Zarpat-dua me. Esi wòkpɔtɔ vie ɣeyiɣi didi aɖe ƒe kuɖiɖi kple dɔwuame nu nava yi la, nu via aɖe koe kpɔtɔ ne ahosia ƒe nuɖuɖu navɔ. Nusi susɔ nɛ koe nye wɔ asiʋlo ɖeka kple ami si ade na nuɖaɖa zi ɖeka na eya ŋutɔ kple viaŋutsuvi.\nLe ɣeyiɣi sia me la, amedzro aɖe va do. Mawu ƒe nyagblɔɖila Eliya ye, eye wòbia ahosia be wòana eƒe nuɖuɖu ƒe ɖe ye. Nuɖuɖu sue aɖe koe li si ade na ahosia kple viaŋutsuvia, eye le nyateƒe me la, ɖeke megali wòatsɔ awɔ amedzro o. Gake Eliya ka ɖe edzi nɛ le Yehowa ƒe nya nu be ne wòna eƒe nuɖuɖua ɖe ye la, dɔ mawu woa kple viaŋutsuvia akpɔ o. Ebia xɔse be wòate ŋu aka ɖe edzi be Israel ƒe Mawu atsɔ ɖe le eme na eya du bubu me tɔ si nye ahosi. Ke hã exɔ Eliya dzi se eye Yehowa ɖo eteƒe nɛ. 'Le nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila dzi nu la, wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, mevɔ o, vaseɖe esime Yehowa na tsi gadza ɖe anyigba la dzi.' Nyɔnua kple via wokpɔ nu ɖu ɣeawokatãɣi vaseɖe esime kuɖiɖia nu va yi.—Fiawo I, 17:8-16.\nKe hã yayra bubu ganɔ ahosia lalam. Le nukunu ma ƒe dzɔdzɔ megbe sẽ la, via malɔ̃nugbɔa dze dɔ eye wòku. Esi nya la wɔ nublanui na Eliya la, eƒo koko na Yehowa be wòagbɔ agbe ɖevia. (Fiawo I, 17:17-24) Esia abia be nukunu aɖe si medzɔ kpɔ o nadzɔ. Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be wofɔ ame aɖe ɖe tsitre do ŋgɔ na esia kpɔ o! Ðe Yehowa agakpɔ nublanui na ahosi sia si nye du bubu me tɔa? Ekpɔ nublanui nɛ. Yehowa do ŋusẽ Eliya be wògbɔ agbe ɖevia. Emegbe Yesu gblɔ le nyɔnu sia si nu wove ŋu be: 'Ahosi geɖewo nɔ Israel, ke hã nyɔnu ahosi aɖe si le Zarpat le Zidon-nyigba dzi la gbɔe wodɔ Eliya ɖo.'—Luka 4:25, 26.\nEgbea ganyawo ƒe nɔnɔme mele ke lim kura o, eye dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã meto le eme o. Dɔwɔƒe gã aɖewo ɖe asi le dɔwɔla siwo wɔ dɔ na wo nuteƒewɔwɔtɔe ƒe bla nanewo ŋu. Ne Kristotɔ va le vɔvɔ̃m be dɔ ava ge le ye si la, awɔ nɛ be yeazã ɣeyiɣi gbogbo aɖe anɔ dɔ wɔm kple susu be yeƒe dɔtɔwo nana yeatsi anyi. Esia wɔwɔ ate ŋu ana be magakpɔ ɣeyiɣi sɔgbɔ ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo, akpɔ gome le gbeadzi subɔsubɔdɔa me, alo akpɔ eƒe ƒomea ƒe seselelãme kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ o. Ke hã ase le eɖokui me be ele be yeawɔ nusianu si yeate ŋui be dɔ ma nagage le ye si o.\nKristotɔ si ganyawo le fu ɖem na alea tɔ dzɔ be wòatsi dzi. Dɔkpɔkpɔ mele bɔbɔe le ŋkeke siawo me o. Menye ɖe mía dometɔ geɖe míele agbagba dzem be míazu kesinɔtɔwo o, ke boŋ abe Zarpat ƒe ahosia ene la, alesi míakpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔ koe. Ke hã apostolo Paulo he míaƒe susu yi nya si Mawu gblɔ dzi be: \"Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.\" Míate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be: \"Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?\" (Hebritɔwo 13:5, 6) Paulo ɖo dzi ɖe ŋugbedodo sia ŋu bliboe le nɔnɔme ɖesiaɖe me, eye Yehowa kpɔ eta ɣeawokatãɣi. Mawu awɔ esia ke na mí ne míegbe nu le egbɔ o.\nAwɔ na mí be míate ŋu awɔ nu ɖedzesi siwo gbɔgbɔmeme siwo nye Mose, Gideon, kple Dawid wɔ o, gake míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse. Eye míate ŋu aɖo ŋku Abel, Henox kple ahosi si tso Zarpat ƒe xɔsedɔ tsɛwo dzi. Yehowa tsɔa ɖe le xɔse ƒe nuwɔna ɖesiaɖe me—ne wole sue gɔ̃ hã. Ne sukuvi mawuvɔ̃la gbe atikevɔ̃ɖi si ehatiwo tsɔ le enam la xɔxɔ, ne dɔwɔla Kristotɔ aɖe gbe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo le dɔwɔƒe, alo ne Ðasefo tsitsi aɖe dea hamea ƒe kpekpewo togbɔ be ɖeɖiteameŋu kple lãmegbegblẽ ɖea fu nɛ hã la, Yehowa kpɔa wo katã. Eye wodoa dzidzɔ nɛ!—Lododowo 27:11.\nÐe Nètsɔa Ðe Le Nusiwo Ame Bubuwo Wɔna Mea?\nNyateƒee, Yehowa tsɔa ɖe le nusiwo míewɔna me. Eyata abe Mawu srɔ̃lawo ene la, ele be míaƒe ŋku nanɔ ame bubuwo ƒe agbagbadzedzewo ŋu. (Efesotɔwo 5:1) Ðe manyo be nàlé ŋku ɖe kuxi siwo me hati Kristotɔwo tona be yewoava hamea ƒe kpekpewo, akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kple nusi me wotona be woate ŋu awɔ woƒe gbesiagbedɔwo gɔ̃ hã ŋu nyuie wu oa?\nEkema na hati Yehowa subɔlawo nanya be èkpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu. Ado dzidzɔ na wo be èdea dzesi yewoƒe agbagbadzedzewo, eye wò ɖetsɔleme ana kakaɖedzi wo be Yehowa hã tsɔa ɖe le eme na yewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030501\/%C3%90e-Yehowa-Ts%C9%94a-%C3%90e-Le-Nusiwo-N%C3%A8w%C9%94na-Mea\/","date":"2021-06-12T14:22:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487584018.1\/warc\/CC-MAIN-20210612132637-20210612162637-00045.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984692335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984692335128784}","num_words":1836,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nAmerikatɔwo ƒe Agblededɔwɔƒe ka nya ta be le ƒe 2012 me la, ƒome wuiene kple afã le alafa me siwo me tɔwo nye ame miliɔn 49 la \"meka ɖe edzi be yewoakpɔ nuɖuɖu wòasu na yewoƒe ƒomeawo o eye wo dometɔ aɖewo mekpɔ nuɖuɖu wòsu na woƒe ƒomewo\" le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me o.\nSpain\nNumekuku aɖe si yunivɛsiti sukuviwo wɔ ɖee fia be nyɔnu siwo ade 56 le alafa me kple ŋutsu siwo ade 41 le alafa me noa aha tsu. Numekuku sia ɖee fia be ŋutsuwo noa aha kɔpo enyi eye nyɔnuwo noa kɔpo ade le anyinɔnɔ ɖeka me.\nPasifik Ƒua\nDzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo tsɔ nanewo tso Mariana Ƒe Gogloƒe, si nye atsiaƒu ƒe gogloƒe kekeake si ƒe goglome nye meta 11,000 la, gbɔe va do kpɔ, eye wokpɔe be nugbagbevi suesuewo le afi ma togbɔ be teƒea do viviti tsiɖitsiɖi, atsiaƒua wɔa adã ŋutɔ le afi ma eye wòfana miamiamia hã. Wosusui tsã be nu gbagbewo mabɔ ɖe keke gogloƒe ma ke o.\nUnited Arab Emirates\nDubai ƒe dziɖuɖua de wɔna aɖe to me nyitsɔ laa be yeatsɔ alé lolo fũu akpa nu le dua me. Eya ta woɖoe be woana sika gram ɖeka, si ade Amerika dɔlar 45 ɣemaɣi la, ame sia ame si aɖe eƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ kilogram ɖeka Gake hafi amea naxɔ sika la, ele be wòaŋlɔ ŋkɔ eye wòaɖe eƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ kilogram 2 ya teti le Ramadan ƒe ɣletia me..","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201407\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2021-06-25T04:51:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488567696.99\/warc\/CC-MAIN-20210625023840-20210625053840-00361.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998339951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983399510383606}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"18 \"Lewi-vi nunɔlawo, kple Lewi-to blibo la katã, maxɔ gome alo domenyinu aɖeke kpe ɖe Israel ŋu o. Yehowa ƒe dzovɔsawo, si nye eƒe gome, lae woaɖu.+ 2 Eya ta domenyinu aɖeke manye wo tɔ le wo nɔviwo dome o. Yehowae nye woƒe domenyinu, abe ale si tututu wògblɔ na wo ene. 3 \"Ke esia nanye gome si nunɔlawo dze na tso dukɔ la gbɔ: Ame sia ame si tsɔ lã aɖe sa vɔe, eɖanye nyi alo alẽ o, natsɔ lãa ƒe abɔ kple glã kpakple dɔgbo ana nunɔla la. 4 Nàtsɔ wò agblemenuku, wò wain yeye kple wò ami ƒe gbãtɔwo kpakple fu gbãtɔ si nèko le wò lãwo ŋu la anae.+ 5 Yehowa wò Mawu tia eya kple viaŋutsuwo le wò toawo katã dome, be woasubɔ le Yehowa ŋkɔ me ɖaa.+ 6 \"Ke ne Lewi vi aɖe dzo le wò du aɖe si me wònɔ le Israel,+ eye wòdi* be yeayi teƒe si Yehowa tia* la,+ 7 ekema wòasubɔ le afi ma le Yehowa eƒe Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Lewi vi bubuawo katã, ame siwo le afi ma le Yehowa ŋkume la ke ene.+ 8 Axɔ nuɖuɖu si sɔ kple wo tɔ,+ hekpe ɖe nu siwo wòkpɔ tso tɔgbuiawo ƒe nunɔamesi siwo wòdzra me la ŋu. 9 \"Ne èɖo anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge dzi la, mègasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ o.+ 10 Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si tɔa dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o,+ eye bokɔnɔ,+ akunyawɔla,+ nutabiala,+ dzotɔ,+ 11 ame si saa gbe dea ame, nukala,+ afakala+ alo ŋɔliyɔla+ meganɔ dowòme o. 12 Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, eye ŋunyɔnu siawo tae Yehowa wò Mawu le wo nya ge le ŋgɔwò ɖo. 13 Mele be fɔɖiɖi aɖeke nanɔ ŋuwò le Yehowa wò Mawu ŋkume o.+ 14 \"Elabena dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge nàla la, ɖoa to akunyawɔlawo+ kple bokɔnɔwo,+ ke Yehowa wò Mawu meɖe nu siawo dometɔ aɖeke ƒe mɔ na wò o. 15 Yehowa wò Mawu le nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene. Ele be miaɖo toe.+ 16 Esiae nye nu si nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb le takpegbe*+ la ƒe ŋuɖoɖo, esi nègblɔ be, 'Mègana mase Yehowa nye Mawu ƒe gbe alo akpɔ dzo gã sia azɔ o, ne magaku o.'+ 17 Eya ta Yehowa gblɔ nam be, 'Nya si wogblɔ la nyo. 18 Maɖo nyagblɔɖila aɖe na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene;+ matsɔ nye nyawo ade enu,+ eye wòagblɔ nu siwo katã ƒe se made nɛ la na wo.+ 19 Eye ame si maɖo to nye nya, si wòagblɔ le nye ŋkɔ me o la, mabia akɔntae godoo.+ 20 \"'Ke ne nyagblɔɖila aɖe tso le eɖokui si gblɔ nya si nyemedɔe be wòagblɔ o la le nye ŋkɔ me, alo ƒo nu le mawu bubuwo ŋkɔ me la, ele be woawu nyagblɔɖila ma.+ 21 Eye ne ègblɔ le wò dzi me be, \"Aleke míawɔ anya be Yehowa megblɔ nya ma o la?\" 22 Ne nyagblɔɖila la ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me, eye nya la meva eme alo dze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya ma o. Ðe nyagblɔɖila ma tso le eɖokui si gblɔ nya ma. Mègavɔ̃e o.'\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"eƒe luʋɔ di.\"\n^ Efia, afi si Yehowa tia be woade ta agu le.\n^ Alo, \"ŋkeke si dzi ha la kpe ta.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/5-mose\/18\/","date":"2021-06-25T14:09:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630175.17\/warc\/CC-MAIN-20210625115905-20210625145905-00193.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991394877,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991394877433777}","num_words":548,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO April 8, 2000 Aleke Nɔnɔmewo le Egbea le Agbenyuinɔnɔ Gome? Ðe Agbenyuinɔnɔ Dome Gblẽ Wu Tsã? Gɔmesese Kae Le Nudzɔdzɔ Siawo Katã Ŋu? Ènyaa? Xexeme si Atamanono Zu Numame na Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono? Alesi Nàwɔ Ate Ŋu Adzudzɔ Wova Lɔ̃ ɖe Mɔmaɖemaɖe Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu Ƒe Agɔdzedze Dzi Azɔ Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo? Ðe Wòsɔ Be Woade Ta Agu na Yesua? Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Dɔwɔnu Hena Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Fiafia Xɔse Si Nɔ Te Le Fuwɔamewo Me","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000408\/","date":"2021-06-14T09:14:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487611641.26\/warc\/CC-MAIN-20210614074543-20210614104543-00229.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999356091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993560910224915}","num_words":85,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amekae Pontio Pilato Nye?\n\"PILATO fewuɖula si kea ɖi la nye ŋutinyameme aɖe si ŋu nya hena ame ƒe susu. Ame aɖewo be ame kɔkɔe ye, bubuwo ya be eyae nye alesi woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ dzi bɔbɔe la ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake, be enye dunyahela siwo lɔ̃na faa be yewoatsɔ ame ɖeka asa vɔe be tomefafa nanɔ anyi ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖe.\"—Pontius Pilate, si Ann Wroe ŋlɔ.\nÈɖalɔ̃ ɖe nukpɔsusu ma dometɔ aɖe dzi alo mèlɔ̃ ɖe edzi o, Pontio Pilato wɔ ŋkɔ na eɖokui le alesi wòwɔ nu ɖe Yesu Kristo ŋui ta. Amekae Pilato nye? Nukae wonya tso eŋu? Ðoƒe si nɔ esi nyanya nyuie akpe ɖe mía ŋu míase nu vevitɔ kekeake siwo dzɔ le anyigba dzi kpɔ la gɔme nyuie wu.\nEƒe Ðoƒe, Dɔwo, Kple Ŋusẽkpɔƒe\nRoma Fiagã Tiberio ɖo Pilato mɔmefia le Yudea nutome le ƒe 26 M.Ŋ. me. Amegã siawo nɔ hatsotso aɖe si ƒe ɖoƒe mekɔkɔ de dunyahemegã ameŋkuta siwo nɔ sewɔhaa me la tɔ nu o me. Anɔ eme be Pilato nye asrafo siwo kpɔa dumeviwo ta tso amegãwo si me, alo aʋafia ƒe kpeɖeŋutɔ gbã; emegbe ɖoƒe bubuwo va su esi le asrafodɔ mɔzɔzɔ vovovowo me, eye wova ɖoe mɔmefia hafi wòxɔ ƒe 30.\nAsrafowu si Pilato anya donae nye awu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe si sea klo nu kple gakɔtakpoxɔnu. Awu si wòdona le hadomee nye avɔ aɖe si woxatsana ɖe awu ŋu si ƒe tome le dzẽ. Ða legbee manya nɔ ta nɛ o, eye meɖoa ge hã o. Togbɔ be ame aɖewo susui be Spaintɔe wònye hã, eƒe ŋkɔa fia be ate ŋu atso anyiehe Italy megãwo ƒe to aɖe si me tɔwo woyɔna be Pontii me.\nZi geɖe la, woɖoa amegã siwo ƒe ɖoƒe le abe Pilato tɔ ene la ɖe nuto siwo meʋu ŋku o me. Romatɔwo bua Yudea be enye nuto siawo dometɔ ɖeka. Tsɔ kpe ɖe egbɔ kpɔkpɔ be nuwo zɔ ɖe ɖoɖo nu le nutoa me ŋu la, Pilato kpɔa adzɔ siwo nudzralawo xena kple esiwo wokana na ame tsitsi ɖesiaɖe wòxena la xɔxɔ dzi. Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo kpɔa gbesiagbe nyadɔdrɔ̃wo gbɔ, gake edze ƒã be wotsɔa nya siwo bia kufiatsotso ya yina na mɔmefia, elabena eyae nye ʋɔnudrɔ̃la gãtɔ.\nPilato kple srɔ̃a nɔ melidzeƒedu si nye Kaisarea me, eye agbalẽfialawo, hadɔwɔlawo, kple dɔtsɔla aɖewo nɔ esi. Pilato nye asrafo afɔzɔlawo ƒe ƒuƒoƒo atɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe me ame 500 vaseɖe 1,000 nɔ, kpakple sɔdzisrafoha aɖe si me ame 500 anya nɔ, ƒe aʋafia. Zi geɖe la, eƒe asrafowo wua sedzidalawo. Le ŋutifafaɣiwo la, wosea nya aɖe ya teti le ame nu hafi wunɛ, gake le ʋunyaʋunya ɣeyiɣiwo me ya, wowua aglãdzela geɖe enumake. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔwo wu kluvi 6,000 tsɔ tsi aglãdzedze si Spartacus he vɛ nu. Ne kuxi aɖe do mo ɖa le Yudea la, mɔmefia la ate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso mɔmefiagã si le Siria, si nɔa ŋgɔ na asrafoha siwo dometɔ ɖesiaɖe me asrafo afɔzɔla 3,000 vaseɖe 6,000 nɔna, la gbɔ. Gake le Pilato ƒe mɔmefia ɖuɖu ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ me la, mɔmefiagã menɔ anyi o, eye wòhiã be Pilato ŋutɔ nakpɔ nyawo gbɔ kaba.\nZi geɖe la, mɔmefiawo ɖoa nyatakakawo ɖe fiagãa. Ehiã be woaka nya ta tso nusianu si me womede bubu fiagã la ŋu o le alo nusianu si nye ŋɔdzi na Roma dziɖuɖua ŋu na fiagã la, eye enana mɔfiamewo le alesi woakpɔ wo gbɔe ŋu. Mɔmefiaa atsi dzi be yeagblɔ alesi nudzɔdzɔawo va yii ŋu nya na fiagã la kaba hafi nutoa me tɔwo nava tsɔ nyaa yi nɛ. Tɔtɔ siwo nɔ Yudea na Pilato tsi dzi ɖe nya siawo ŋu vevie.\nLe Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiawo megbe la, ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus kple Philo ye gana nyatakaka tso Pilato ŋu koŋ. Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Tacitus hã gblɔ be Pilato na wowu Christus, amesi gbɔ Kristotɔwo kpɔ woƒe ŋkɔa tsoe.\nEna Yudatɔwo Ðo Adã\nJosephus gblɔ be esi Roma mɔmefiawo nyae be Yudatɔwo melɔ̃a nɔnɔmetatawo zazã o ta la, wokpɔa egbɔ be wometsɔa avɔ siwo dzi fiagã la ƒe nɔnɔmetata le la yia Yerusalem o. Esi Pilato ya metsɔ ɖeke le nya sia me o ta la, Yudatɔ aɖewo do dziku hetsɔ nya la yi egbɔ le Kaisarea. Ŋkeke atɔ̃ sɔŋ va yi, Pilato mewɔ naneke le nyaa ŋu o. Le ŋkeke adeagbe la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woaƒo xlã tsitretsiɖeŋulaawo ahado ŋɔdzi na wo be yewoawu wo ne womekaka o. Esi Yudatɔwo gblɔ be anyo na yewo be yewoaku wu be yewoakpɔe woada yewoƒe Sea dzi ta la, Pilato na ta heɖe gbe be woaɖe nɔnɔmetataawo ɖa.\nPilato te ŋu zãna eƒe ŋusẽ tsɔ wɔa nui. Le nudzɔdzɔ aɖe si ŋu nya Josephus gblɔ me la, amegã sia dze tsimɔ aɖe ɖeɖe gɔme be yeatsɔ ahe tsi ava Yerusalem, eye wòzã gbedoxɔa me ga tsɔ kpɔ dɔ sia dzi. Menye ɖee Pilato xɔ ga la akpasesẽtɔe o, elabena enyae be gbedoxɔa me nuwo tsɔtsɔ akpasesẽtɔe nye bubumademade nu kɔkɔewo ŋu, eye be ate ŋu ana Yudatɔwo nabia tso Tiberio si be wòaxɔ dɔ le ye si. Eyata ewɔ abe Pilato wɔ nu aduadu kple gbedoxɔa dzikpɔlawo ene. Woate ŋu azã ga si woɖe adzɔgbe tsɔ na, si woyɔna be \"korban\" [nunana na Mawu] la atsɔ awɔ dɔ siwo aɖe vi na dua. Gake Yudatɔ akpe geɖe ƒo ƒu be yewoaɖee fia be yewomeda asi ɖe edzi o.\nPilato na asrafowo ɖo ameha la dome gake ede se na wo be woagazã yi o, ke boŋ be woatsɔ kpo aƒo tsitretsiɖeŋulaawo. Edze ƒã be edi be yeana nuvlowɔhaa nakaka evɔ ame aɖeke nagaku o. Ewɔ abe eƒe ɖoɖoa dze edzi ene, togbɔ be ame aɖewo ku hã. Ðewohĩ nudzɔdzɔ ma ŋu nya gblɔmee ame aɖewo nɔ na Yesu, be Pilato tsaka Galileatɔ aɖewo ƒe ʋu kple woƒe numemewo.—Luka 13:1.\n\"Nukae Nye Nyateƒe?\"\nNusi na ame geɖe nya nu tso Pilato ŋue nye nya siwo wòbia le nutsotso siwo Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple amegãwo tsɔ ɖe Yesu ŋu be ele eɖokui yɔm be Fia ŋu. Esi Pilato se nu tso dɔ si le Yesu si be wòaɖi ɖase na nyateƒe la ŋu vɔ la, ekpɔe be gamenɔla sia menye ŋɔdzi aɖeke na Roma-dukɔa o. Ebia be: \"Nukae nye nyateƒe?\" eye ɖewohĩ esi wòsusu be nusi nyateƒe nye gɔmesese sesẽ ale gbegbe be mehiã be woabu eŋu o tae wòbia nyaa ɖo. Nya ta kae wòƒo? \"Nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu o.\"—Yohanes 18:37, 38; Luka 23:4.\nAfima koe wòle be Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a nawu enu ɖo hafi, gake Yudatɔwo nɔ gbe tem ɖe edzi be enɔ tame trɔm na dukɔa. Ŋuʋaʋã tae nunɔlagãwo de Yesu asi ɖo, eye Pilato nyae nyuie. Enyae hã be asiɖeɖe le Yesu ŋu ahe tɔtɔ vɛ, evɔ medi be nu ma tɔgbe aɖeke nadzɔ o. Tɔtɔ gbogbo aɖewo va xoxo, elabena Baraba kple ame bubuwo le game le aglãdzedze kple amewuwu ta. (Marko 15:7, 10; Luka 23:2) Gawu la, nyaʋiʋli siwo yi edzi le Pilato kple Yudatɔwo dome va yi la na ŋkɔ nyui megavanɔ eŋu le Tiberio gbɔ o, evɔ wonya Tiberio nyuie be mewɔa nu kple mɔmefia siwo mele woƒe dɔ wɔm nyuie o la dɔmenyotɔe kura o. Gake wɔwɔ ɖe nusi dim Yudatɔwo le dzi aɖee fia be wokpɔ ŋusẽ ɖe eyama dzi. Eyata kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔ Pilato.\nEsi Pilato se afisi Yesu tso la, edze agbagba be yeatrɔ nyaa ɖo ɖe Herodes Antipa, si nye dziɖula le Galilea. Esi esia hã mete ŋu dze edzi o la, Pilato dze agbagba be yeana amesiwo ƒo ƒu ɖe eƒe fiasãa ƒe xɔxɔnu la be woabia be woaɖe asi le Yesu ŋu, le kɔnu si li be woaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu le Ŋutitotoŋkekenyui dzi la nu. Amehaa do ɣli sesĩe be woaɖe asi le Baraba ŋu.—Luka 23:5-19.\nÐewohĩ Pilato di be yeawɔ nusi le dzɔdzɔe, gake edi hã be yeakpɔ ye ɖokui ta ahadze ameha la ŋu. Mlɔeba, ena eƒe dɔ nɔ vevie nɛ wu nya si eƒe dzitsinya gblɔ nɛ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Ena woku tsi vɛ nɛ, eye wòklɔ asi hegblɔ be yeƒe asi mele amesi yele fɔ bu gee la ƒe kua me o. * Togbɔ be Pilato nyae be Yesu meɖi fɔ o hã, ena woƒoe kple atam eye wòɖe mɔ asrafowo ɖu fewu le eŋu, ƒoe, hetu ta ɖe eŋu.—Mateo 27:24-31.\nPilato dze agbagba zi mamlɛtɔ be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake amehaa do ɣli be ne eɖe asi le eŋu la, ekema menye Kaisaro xɔlɔ̃ o. (Yohanes 19:12) Esi Pilato se nya ma ko la, ena ta. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso Pilato ƒe nyametsotsoa ŋu be: \"Nyaa gbɔ kpɔkpɔ mesesẽ o: miwu ŋutsua. Yudatɔ aɖe si meɖi ame ŋkuta aɖeke o koe aku; bometsitsie wòanye be zitɔtɔ nava le eyama ta.\"\nNukae Va Dzɔ Ðe Pilato Dzi?\nMasɔmasɔ bubu ŋue Pilato ŋuti nuŋlɔɖi mamlɛtɔa hã ku ɖo. Josephus gblɔ be Samariatɔ gbogbo aɖewo lé lãnuwo ɖe asi va ƒo ƒu ɖe Gerizim-toa dzi henɔ mɔ kpɔm be yewoaku kesinɔnu gbogbo siwo wobe Mose ɖi ɖe afima. Pilato va do, eye wòna eƒe asrafowo wu amehaa me tɔ aɖewo. Samariatɔwo tsɔ nyaa yi na Lucius Vitellius, si nye Siria mɔmefiagã si gɔme Pilato le. Womegblɔe ne ɖe Vitellius susui be Pilato wɔ nu wògbɔ eme o. Susu ka ke tae o, egblɔ na Pilato be wòayi Roma ava ɖe eƒe nuwɔnaa nu le fiagãa gbɔ. Gake hafi wòava ɖo la, Tiberio ku.\nMagazine aɖe gblɔ be: \"Ŋutinyaŋlɔla aɖeke megagblɔ nya aɖeke tso Pilato ŋu le esia megbe o, xotutuwo koe bɔ le eŋu.\" Gake ame geɖe dze agbagba be yewoana nyatakaka siwo womegblɔ tso eŋu o la. Wogblɔna be Pilato va zu Kristotɔ. Etiopia \"Kristotɔwo\" wɔe wònye \"ame kɔkɔe.\" Eusebius, si nye agbalẽŋlɔla nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia ƒe nuwuwu kple alafa enelia ƒe gɔmedzedze, ye nye ame gbãtɔ si gblɔ be Pilato wu eɖokui abe Yuda Iskariot ke ene, hafi ame bubu geɖe hã va gblɔe. Ke hã, ɖeko amesiame susu nusi tututu va dzɔ ɖe Pilato dzi la gblɔ.\nPilato anye totrila, amesi metsɔa nuwo vevii o, kple ŋlɔmitɔ. Ke hã, enɔ zi dzi ƒe ewo, evɔ amegã siwo nɔ Yudea dometɔ akpa gãtɔ meɖu dzi wòde nenema o. Eyata Romatɔwo bua Pilato be ewɔ eƒe dɔ nyuie. Wogblɔna be enye vɔvɔ̃nɔtɔ si na wowɔ fu Yesu hewui tsɔ kpɔ eɖokui ta ŋukpetɔe. Ame bubuwo gblɔna be dɔ si koŋ wode Pilato sie nye be wòado ŋutifafa kple Roma-dukɔa ƒe nuwo ɖe ŋgɔ, ke menye be wòade ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi o.\nVovototo gã aɖe le Pilato ƒe ɣeyiɣia kple mía tɔ dome. Ke hã, ʋɔnudrɔ̃la aɖeke mate ŋu abu fɔ amesi wòsusu be le sea nu la, meɖi fɔ o la o. Ne menye nyae Pontio Pilato drɔ̃ na Yesu o la, anye ne ɖeko eya hã ƒe ŋkɔ anɔ ŋutinyagbalẽwo me le afi aɖe ko.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Nɔnɔmetata si le axa 11]\nWokpɔ nuŋɔŋlɔ sia le Kaisarea, eye egblɔ be Pontio Pilato nye amegã le Yudea","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050915\/Amekae-Pontio-Pilato-Nye\/","date":"2021-06-25T06:26:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487622113.11\/warc\/CC-MAIN-20210625054501-20210625084501-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989639521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989639520645142}","num_words":1796,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ANYI tea ŋu dzena ɖe teƒe ɖe sia ɖe dedie. Aleke wòwɔnɛ?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Be anyi nate ŋu adze ɖe nane dzi dedie la, ele be wòaɖiɖi du si wòtsɔ le dzodzom yina nua gbɔ la dzi akpɔtɔ keŋkeŋ. Be wòate ŋu awɔ esia la, ele be wòabu nu eve siawo ŋu—gbãa, ele be wòabu ale si wòle dua ƒumee kple dometsotso si le eya kple nu si gbɔ yim wòle dome la ŋu—eye wòaɖiɖi eƒe duƒuƒua wòasɔ ɖe dometsotsoa nu. Gake mɔnu sia asesẽ na nudzodzoe geɖe elabena woƒe ŋku metea ŋu dzidzia dometsotso si le woawo kple nu si dzi wodi be yewoadze ɖo la dome o.\nAle si anyi kpɔa nui la to vovo na amegbetɔwo elabena amegbetɔwo ƒe ŋku evea siaae kpɔa nu. Edze abe ne anyi ya le tetem ɖe nane ŋu la nua nɔa lolom ɖe edzi ene. Zi ale si wòle tetem ɖe nua ŋu la zi nenemae nua lolonae. Numekuku si wowɔ le Australia Dukɔa Ƒe Yunivɛsiti ɖee fia be anyi ɖiɖia du si wòtsɔ le dzodzom yina nane gbɔ kura be wòakpɔ nua ƒe lolome nyuie adze ɖe edzi. Kaka anyi naɖo nu si gbɔ yim wòle gbɔ la, eɖiɖia du si wòtsɔ le dzodzom la keŋkeŋ ale be wòate ŋu adze ɖe nua dzi dedie.\nAgbalẽ aɖe (Proceedings of the National Academy of Sciences) gblɔ be: \"Ŋkuléle ɖe mɔnu si dzi anyi tona dzena ɖe nu dzi ŋu . . . [wɔe] be wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ale si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/ale-si-anyi-w%C9%94na-dzena\/","date":"2021-06-25T12:47:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630175.17\/warc\/CC-MAIN-20210625115905-20210625145905-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989606142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989606142044067}","num_words":277,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fuléle Le Nu Gblẽm Le Xexeame Katã\nLà DZIŊƆ aɖe tso ka—lã dziŋɔ siae nye fuléle. Eɖo ta xexeame ƒe afisiafi.\nGbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa si dzɔ nyitsɔ laa me tsonuwo kpɔtɔ le nu gblẽm le Balkan-nutoa ƒe akpa aɖe ŋu kokoko. Fuléle si le amewo dome ƒe alafa geɖe kplɔ wo de ameha gbogbowo wuwu, amewo gbɔdɔdɔ akpa sesẽe, amewo nyanya de gbe, dzotɔtɔ aƒewo kple kɔƒewo kple wo me nuwo haha, agblemenuwo dome gbegblẽ kple lãhawo tsɔtsrɔ̃, kpakple dɔwuame ƒe nugbegblẽ me. Tomebɔmb gbogbowo kpɔtɔ le tome.\nLe East Timor si le Anyieheɣedzeƒe Asia la, vɔvɔ̃ ɖo ame 700,000 wosi le amewuwu, ƒoƒo, tudada atraɖii, kple amewo nyanya de gbe nu. Wosi hegblẽ anyigba si aʋawɔha nudomegblẽlawo gblẽ la ɖi. Amesiwo ŋu nu gblẽ le dometɔ ɖeka fa konyi be: \"Ðeko meva zu abe lã si wokplɔ ɖo be woalé ene.\"\nLe Moscow la, ŋɔdzinuwɔlawo da bɔmb gã aɖe wògbã aƒe aɖe. Bɔmb la wó kaka ame maɖifɔ 94—siwo dometɔ aɖewo nye ɖeviwo—ƒe kukuwo hlẽ. Ame 150 kple edzivɔ xɔ abi. Esi ŋɔdzinu sia dzɔ vɔ la, amewo bia be, 'Amekawo dzie wòagava dzɔ ɖo?'\nLe Los Angeles, California la, ame aɖe si lé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo dzidze tu ɖe Yudatɔ abɔdzokpovi aɖewo dzi heda wo eye emegbe wòda tu Philippines-posudɔwɔla aɖe wòku.\nMíate ŋu agblɔe wòasɔ be fuléle le nu gblẽm le xexeame katã. Gbesiagbe kloe la, nyadzɔdzɔwo me nyatakakawo ɖea nusi dzɔna ne ŋutigbalẽ vovovo tɔwo, gbevovovodolawo, alo subɔsubɔhawo dome fuléle tsaka kple sedzimawɔmawɔ la fiaa mí. Míekpɔnɛ be dukɔwo kple amewo kpakple ƒomewo dome mana. Míekpɔnɛ be dukɔ blibowo nyrɔa wo ɖokui ɖe wo nɔewo wuwu me. Míekpɔnɛ be amewo wɔa amemalɔ̃malɔ̃ nuwɔna dziŋɔwo le esi ame aɖewo \"to vovo\" dzaa ta ko.\nHafi míate ŋu alé lã dziŋɔ si ŋkɔe nye fuléle ade kpo me la, ke ele be míanya nusiwo gbɔ fuléle gblẽnu sia tsona. Ðe wode fuléle amegbetɔ ƒe domenyiŋusẽmenugbagbeviwo mea? Nɔnɔme si wosrɔ̃na ye wònyea? Ðe wòanya wɔ be woatsi fulélenuwɔnawo nua?\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nKemal Jufri\/Sipa Press","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010808\/Ful%C3%A9le-Le-Nu-Gbl%E1%BA%BDm-Le-Xexeame-Kat%C3%A3\/","date":"2021-06-19T16:14:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487648373.45\/warc\/CC-MAIN-20210619142022-20210619172022-00205.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985277057,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985277056694031}","num_words":337,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae woŋea nu vlo wɔla siwo woklã ɖe ati ŋu la ƒe afɔwo?\nNyanyuigbalẽawo gblɔ tso Yesu kple nu vlo wɔla eve siwo woklã ɖe ati ŋu la ŋu be: \"Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe woƒe kukuawo adzoe.\"\nLe se si Mawu de na Yudatɔwo nu la, ne wowu nu vlo wɔla aɖe eye wohe eƒe ŋutilã kukua ɖe ati ŋu la, 'mele be woagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o.' (5 Mose 21:22, 23) Edze abe Yudatɔwo wɔ se sia ke ŋu dɔ le ame siwo Romatɔwo klã ɖe ati ŋu la gome ene. Eya ta le go sia me la, afɔŋeŋe na wo ana woaku kaba ale be woaɖi wo hafi Sabat la nadze egɔme le ɣeɖoto.\nNe wole ame si wotso kufia na la wu ge alea la, zi geɖe la, wotsɔa gatagbadzɛwo klãa eƒe asiwo kple afɔwo ɖe atia ŋu. Ne wofɔ atia ɖe tsitrenu la, amea ƒe kpekpeme katã nɔa gatagbadzɛawo dzi eye wòsea veve helĩhelĩ. Hafi amea nate ŋu agbɔ le nɔnɔme ma me la, ele be wòahe eƒe afɔkawo me ate ɖe gatagbadzɛ siwo woƒo ɖe eƒe afɔwo me la dzi. Gake ne woŋe eƒe afɔwo la, ekema asesẽ nɛ be wòagbɔ. Esia wɔnɛ be amea kuna kaba, le gbɔgbɔtsixe si tsi eƒo ta loo alo le nu vevi si wowɔe la ta.\nAleke wozã akafo le aʋawɔwɔ me le blema?\nAʋawɔnu si David zã tsɔ wu ame dzɔtsu Goliat lae woyɔna be akafo. Edze abe ƒe siwo me David nye alẽkplɔvi la mee wòsrɔ̃ aʋawɔnu sia zazã ene.\nAkafo dze le Egiptetɔwo kple Asiriatɔ siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la ƒe nutatawo me. Aʋawɔnu sia nye avɔ alo lãgbalẽ sue aɖe si ƒe go eveawo dzi wotsi ka ɖo. Akafodalaa tsɔa kpe zɔzrɔ̃e alo kpe goɖoe si ƒe lolome anɔ abe aŋuti sue ene, si ƒe kpekpeme ade gram 250 la dea akafoa ƒe avɔa alo lãgbalẽa me. Emegbe atro akafoa le yame sesĩe ahaɖe asi le kaawo dometɔ ɖeka ŋu, eye kpea ado kple ŋus��� ahaɖo ta nu si dzi wòdzidzee ɖo la gbɔ tututu.\nEsi woku blema duwo nɔƒewo le Titina Ɣedzeƒe nutowo me la, woke ɖe akafokpe gbogbo aɖewo siwo wozã le aʋawɔwɔ me le blema la ŋu. Aʋawɔla bibiwo ate ŋu ada akafokpe wòalũ ʋɔ sesĩe abe kilometa 160 va ɖo 240 le gaƒoƒo ɖeka me ene. Numekulawo ƒe nu mesɔ nenye be akafokpe tea ŋu dea didiƒe abe dati ene o, ke hã akafokpe hã tea ŋu wua ame abe dati ke ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140501\/%C3%A8nyaa\/","date":"2021-07-29T15:47:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046153860.57\/warc\/CC-MAIN-20210729140649-20210729170649-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988175631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988175630569458}","num_words":420,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Rowan Univɛsiti sinye sukukɔkɔ aɖe le Ameɖika dukɔmea ƒe nusrɔ̃lawo wɔ lãmesẽdodokpɔ femaxɛe aɖe na dumevi siwo le Adaklu Xlekpe le Adaklu nutoame .\nDɔwɔha nɔɖokuisi aɖe si woɖe ŋkɔ nabe Blue Med Afrika si tsɔɖele lãmesẽmenɔnyawo mea, ye nɔ ŋgɔ na wɔna bliboa. Nusrɔ̃la blaeve siwo xɔ kpekpeɖeŋu tso Adaklu nutome lãmesẽnyawo dɔdzikpɔƒea, woe wɔ dodokpɔ na dumeviwo abe alafa etɔ̃ sɔŋ ene.\nDodokpɔ si wowɔa lɔ dɔlele aɖewo abe υusɔgbɔdɔ, suklidɔ, HIV,ŋku ƒe fuɖename kple bubu aɖewo enea ɖeme eye wona atsike amesiwo ƒe dɔa mesẽnu o ke woɖo ame aɖewhã ɖe dɔyɔƒe bubuwo me.\nAƒetɔ Aikins Aklaku, amesi nye Blue Med Afrika ɖoɖoa ƒe akametsi wodometɔ ɖeka ɖeme be, ƒe sia ƒee wɔna ma yiadzi eye yewo xɔa alɔdodo tso Ameɖika kple Europe ɖokuitsɔsãvɔe dɔwɔla aɖewo gbɔ. Ebe yewo ƒe taɖodzinu veviẽ ɖekae nye dumevi siwo le duviwo mea ƒe lãmesẽmenɔnyawo tutuɖo elabe yewo va kpɔe de dzesie be, wodometɔ geɖe menya nu tso dɔlekui siwo le woƒe lãmea ŋuti o, kehã kɔdzidefemaxi gbalẽa hã mele wodometɔ geɖe si o.\nAƒetɔ Aklaku yidzi be Ghana cedi akpe wuiatɔ̃ ye nye ga si yewo ka ɖe dɔwɔwɔ ŋu le ƒe siame. Ede dzesie be dumevi siwo le Adaklu Tɔda kple Abutia sile Ho ɣetofoƒe nutoamea woawo hã woakpɔ gome le wɔna me.\nGomekpɔla aɖe siwo voltaonlinegh.com bia gbee le wɔna ƒe nuwuwua, kpɔ dzidzɔ kple ŋudzedze blibo le wɔna ŋuti.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/24\/adaklut%C9%94wo-kp%C9%94-gome-le-lamese-dodokp%C9%94-me\/","date":"2021-07-31T19:00:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154099.21\/warc\/CC-MAIN-20210731172305-20210731202305-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986615777,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986615777015686}","num_words":234,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.189,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"14 \"Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia,Eƒe agbe le kpuie+ eye wòyɔ fũu kple fukpekpe.+ 2 Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna;*+Eva yina abe vɔvɔli ene, eye wòbuna.+ 3 Ɛ̃, ame sia tɔgbi ŋue nèke ŋku ɖo,Eye nèkplɔe* yi ʋɔnui.+ 4 Ame kae ate ŋu ana ame dzadzɛ nado tso ame si mele dzadzɛ o me?+ Ame aɖeke mate ŋui o! 5 Ne woɖo eƒe ŋkekewo ko la,Ekema gbɔwòe eƒe ɣletiwo ƒe xexlẽme le;Èɖo seƒe nɛ, ne wòagagbɔ eŋu o.+ 6 Ðe ŋku ɖa le eŋu, ne wòagbɔ ɖe eme,Va se ɖe esime wòwu eƒe ŋkekewo nu abe ale si apaɖila wua eƒe ŋkeke nui ene.+ 7 Elabena mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã. Ne wolãe la, agadze,Eye eƒe alɔwo magbe toto o. 8 Ne eƒe ke do xoxo le to me,Eye eƒe takpo ku ɖe to me hã la, 9 Ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, agadze;Eye wòagato alɔ abe ati fẽ ene. 10 Ke ne ame ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyi wɔnamanɔŋutɔe;Ne amegbetɔ mia nu la, afi kae woagakpɔe le?+ 11 Tsiwo nona le atsiaƒu me,Tɔsisi miena, eye eme ƒuna. 12 Amegbetɔ hã mlɔa anyi, eye megafɔna o.+ Womanyɔ o, va se ɖe esime dziƒo nu yi,Eye womanyɔ wo tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.+ 13 Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe,*+Nàdzram ɖo va se ɖe esime wò dziku nu nafa,Nàɖo ɣeyiɣi nam, eye nàɖo ŋku dzinye ɖe!+ 14 Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?+ Le nye dziziziŋkekewo katã me la, manɔ lalamVa se ɖe esime gbɔdzɔe nava nam.+ 15 Àyɔm, eye matɔ na wò.+ Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzro wò vevie.* 16 Ke fifia la, èle nye afɔɖeɖewo xexlẽ dzi;Nye nu vɔ̃ ko ŋue nèléa ŋku ɖo. 17 Ède nye dzidada kotoku me hesa enu goŋgoŋ,Eye nètre nye vodada la nu. 18 Ale si to gɔ̃ hã ŋena dzea eme hetua wɔEye agakpe glina ɖa le eteƒe, 19 Ale si tsi nyia kpewo kura gɔ̃ hãEye tsidzadza kplɔa anyigbakewo dzonɛ la,Nenemae nègblẽa amegbetɔ si kuna la ƒe mɔkpɔkpɔ mee. 20 Èkpɔa ŋusẽ ɖe edzi va se ɖe esime enu yi;+Ètrɔa eƒe dzedzeme bubui henyanɛ ɖona ɖa. 21 Ne wode bubu viawo ŋu hã, menyana o;Eye ne woɖi gbɔ wo hã, medzea sii o.+ 22 Esi eƒe ŋutilã kpɔtɔ li koe wòsea veve;Eƒe agbenɔɣi koe wòxaa nu.\"*\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"eye wolãnɛ ɖa.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"nèkplɔm.\"\n^ Alo, \"Àdi vevie be yeakpɔ yeƒe asinudɔwɔwɔ.\"\n^ Alo, \"Eƒe agbenɔɣi koe eƒe luʋɔ xaa nu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/14\/","date":"2021-07-27T13:11:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046153391.5\/warc\/CC-MAIN-20210727103626-20210727133626-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987034202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987034201622009}","num_words":381,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.152,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eku ɖe Salomo ŋu. 72 Oo Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na fia la,Kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.+ 2 Na wòaxɔ wò dukɔ la ƒe nya ɖe akɔ le dzɔdzɔenyenye me,Eye wòatso afia dzɔdzɔe na wò ame tsɛwo.+ 3 Towo nehe ŋutifafa vɛ na dukɔ la,Eye togbɛwo hã nehe dzɔdzɔenyenye vɛ. 4 Neʋli dukɔ la ƒe ame tsɛwo ta,*Nexɔ na ame dahewo ƒe viwo,Eye wòafanya ametafala.+ 5 Ŋkeke ale si ɣe li la, woavɔ̃ wòEye ŋkeke ale si ɣleti li la, woavɔ̃ wò,Tso dzidzime yi dzidzime.+ 6 Anɔ abe tsidzadza ene ɖe gbe si woƒo la dzi,Abe gbafi si dea tsi anyigba ene.+ 7 Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi* le eƒe ŋkekewo me,+Eye ŋutifafa axɔ aƒe+ va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o. 8 Eteviwo anɔ anyi* tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,Tso Tɔsisi* la nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.+ 9 Gbegbenɔlawo abɔbɔ ɖe eŋkume,Eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ke.+ 10 Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo axe adzɔ nɛ.+ Seba-fiawo kple Saba-fiawo* atsɔ nunanawo avɛ nɛ.+ 11 Fiawo katã abɔbɔ ɖe eŋkume,Eye dukɔwo katã asubɔe. 12 Elabena aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la,Kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. 13 Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu,Eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe.* 14 Aɖe wo* tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me,Eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋkume. 15 Nenɔ agbe, eye woana Seba sikae.+ Woado gbe ɖa ɖe eta ɖaa,Eye woayrae ŋkekeawo katã. 16 Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi;+Woaxɔ towo tame keŋ. Fia la ƒe agblemenuwo awɔ vlɔvlɔvlɔ abe esiwo le Lebanon ene,+Eye dua me tɔwo awɔ mlɔmlɔmlɔ abe amagbewo le anyigba dzi ene.+ 17 Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi tegbee,+Eye zi ale si ɣe li la, eƒe ŋkɔ nede du. Dukɔwo neyra wo ɖokuiwo to eya amea dzi;+Eye dukɔwo katã neyɔe be dzidzɔtɔ. 18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu+ la,Ame si ɖeɖe ko wɔa nu wɔnukuwo.+ 19 Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu bubu le la tegbee,+Eye eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la katã dzi.+ Amen, ɛ̃, Amen. 20 David, Isai+ vi ƒe gbedodoɖawo wu nu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Nedrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ƒe ame tsɛwo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ame dzɔdzɔe la amie.\"\n^ Alo, \"Aɖu fia.\"\n^ Efia, Frat-tɔsisi.\n^ Alo, \"Seba-fiawo.\"\n^ Alo, \"ame dahewo ƒe luʋɔ.\"\n^ Alo, \"woƒe luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/72\/","date":"2021-07-29T06:34:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046153816.3\/warc\/CC-MAIN-20210729043158-20210729073158-00169.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983415008,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983415007591248}","num_words":367,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo+ le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. 2 \"Bu fofowò kple dawò,\"+ esia nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo: 3 \"Ne eme nanyo na wò,* eye nànɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi.\" 4 Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o,+ ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa*+ ƒe amehehe+ kple nuxɔxlɔ̃* me. 5 Kluviwo, mikɔ dzi me miaɖo to amegbetɔ siwo nye miaƒe aƒetɔwo+ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, abe ale si miawɔ na Kristo la ene, 6 menye le ameŋkumenuwɔwɔ me be miadze ame ŋu ko o,+ ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso luʋɔ* blibo me ene.+ 7 Miwɔ miaƒe kluvidɔ la kple lɔlɔ̃nu faa abe Yehowa* ye miele ewɔm na ene,+ ke menye na amewo o, 8 elabena mienyae be nu nyui sia nu nyui si ame wɔna la, eya kee wòaxɔ tso Yehowa* gbɔ,+ eɖanye kluvi alo ablɔɖeme o. 9 Eye mi aƒetɔwo hã, miyi edzi mianɔ nu wɔm ɖe wo ŋu nenema ke, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na wo, elabena mienyae be mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ le dziƒo,+ eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele egbɔ o. 10 Mlɔeba la, miyi edzi miasẽ ŋu ɖe edzi+ le Aƒetɔ la kple eƒe ŋusẽ triakɔ la me. 11 Mido aʋawɔnu blibo+ si tso Mawu gbɔ la, be miate ŋu anɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo* nu; 12 elabena míele kame tem,+ menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖuɖuwo, ŋusẽwo, xexe doviviti sia me dziɖulawo kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi+ siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem. 13 Le esia ta mido aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la,+ ne miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu nuwo katã nu vɔ la, mianɔ tsitre sesĩe. 14 Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye mitsɔ nyateƒe ƒe alidziblanu la bla miaƒe aliwo dzi,+ eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la,+ 15 eye mitsɔ dzadzraɖo ɖe ŋutifafa nya nyuia gbɔgblɔ ŋu do ɖe miaƒe afɔwo.+ 16 Gawu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu gã,+ si miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu la ɖe asi.+ 17 Miɖɔ xɔxɔ ƒe gakuku la,+ eye mitsɔ gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la, ɖe asi,+ 18 eye minɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe ƒomevi+ kple kokoƒoƒo dzi ɣeawokatãɣi le gbɔgbɔ me.+ Eya ŋuti minɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi ne mianɔ kokoƒoƒo dzi ɖe ame kɔkɔewo katã ta. 19 Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye, be ne meke nu la, mate ŋu aƒo nu faa dzideƒotɔe, ale be mana woanya nya nyui la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la,+ 20 nya nyui si ƒe amedɔdɔ+ menye hele kɔsɔkɔsɔwo me ɖo, ne dzi naɖo ƒonye maƒo nu tso eŋu abe ale si dze ene. 21 Ke be miawo hã mianya ale si nɔnɔmeawo le le gbɔnye, kple ale si mele la, nɔvi lɔlɔ̃tɔ Tikiko,+ si nye subɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la, ana mianya nuwo katã.+ 22 Mele edɔm ɖe mia gbɔ le susu sia tututu ta, be mianya ale si míele ne wòafa akɔ na mi. 23 Ŋutifafa kple lɔlɔ̃, si ŋu xɔse kpe ɖo la, natso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na nɔviawo. 24 Amenuveve nanɔ kple ame siwo katã si lɔlɔ̃ si nu metsina o le na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Ne nu nadze edzi na wò.\"\n^ Alo, \"nufiame; mɔfiame.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"susua mamla.\"\n^ Alo, \"ayemenuwɔnawo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Efesot%C9%94wo\/6\/","date":"2021-07-29T05:08:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046153816.3\/warc\/CC-MAIN-20210729043158-20210729073158-00027.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987596273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987596273422241}","num_words":554,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋelododo aɖe gblɔ be:\n\"Nunyaa, adidoe, asi metunae\no\" ; eye bubu gblɔ be: \"Tsaɖila\nkpɔa nu wua dzidela\".\nEʋegbe Akademi menɔlawo tsɔe\nɖo wo ɖokuiwo dzi be yewoawɔ\ndɔ ku ɖe eʋegbea dodo, eŋɔŋlɔ,\nesɔsrɔ̃ kple bubuawo ŋuti. Wɔna\nsia dze egɔme tso\nMawunyakaka dɔgbedeawo dzi\nva se ɖe egbe.\nYamenuŋlɔƒe (Website) sia akpe\nɖe mía ŋuti be míanya nu tso\neʋedukɔ kple eʋegbea ŋuti\nnyuie.\nMiakpɔ Akademia menɔlawo\nkple woƒe dɔwɔwɔ, dɔdeasi\nkpakple bubuawo le axa\nvovovoawo dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"http:\/\/www.academiewe.org\/","date":"2021-07-24T21:32:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046150308.48\/warc\/CC-MAIN-20210724191957-20210724221957-00506.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990163445,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990163445472717}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 429\nStanza 1\nKristo enye nye agbe,\nKu enye viɖe nam.\nMatsɔ ɖokuinye nɛ keŋ,\nAyi le fafa me.\nStanza 2\nMadzo kple dzidzɔ gã 'ɖe\nAyi nye ɖela gbɔ,\nBene manɔ egbɔ ɖaa\nYi ɖase mavɔ me.\nStanza 3\nAzɔ la meɖu ku dzi,\nNye vevewo nu tso;\nTo eƒe ʋu kɔkɔe me\nWotso afia nyui nam.\nStanza 4\nNe nye ŋusẽ katã vɔ,\nGbɔgbɔ hã zu dɔ nam,\n'Ye nuƒoƒo sẽ nam la,\nÐela, se nye ŋeŋe!\nStanza 5\nNe nye dzi kple susuwo\nWoabu vĩ le ku me\nAbe dzoxi sue aɖe ko\nLe yaa nu ene la,\nStanza 6\nEkema na madɔ 'lɔ̃\nLe ŋutifafa me;\nWò lɔlɔ̃nu kɔkɔe la\nNakplɔm yi dzudzɔ me!\nStanza 7\nNa manye alɔ gbagbe\nLe weinti vavã ŋu,\nAnɔ 'nyi kpli wò tegbee\nLe dziƒodzidzɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-429\/","date":"2021-09-23T18:11:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00200.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959557652,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995955765247345}","num_words":131,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 196\nStanza 1\nYesu, Aƒetɔ!\nMíedo ɖe gbɔwò\nKpakple ɖevi sia,\nLe kuku ɖem na wò be:\nVa kpɔ mí ɖa!\nStanza 2\nMina ɖeviwo\nNava gbɔnye ko;\nWoawo tɔ enye\nMawufiaɖuƒe la, nègblɔ gbe aɖe gbe.\nStanza 3\nEya ta míeva,\nYayra vevi sia\nBia ge tso gbɔwò;\nMíetsɔ ɖevi sia le asi ɖem na wò.\nStanza 4\nMíeda 'kpe na wò,\nAƒetɔ vevi\nElabe nèxɔ\nÐevi sia hetsɔ wɔ wò ŋutɔ tɔwòe.\nStanza 5\nMíele kuku ɖem\nBe, nàkpɔ eta\nLe xexe sia me;\nNàkplɔe yi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-196\/","date":"2021-09-23T17:53:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00015.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988870025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988870024681091}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NYE LƆLƆ̃?\nLɔlɔ̃ nye numalɔ̃leamegbɔ si de to. Ame si lɔ̃a ame la ƒe lɔlɔ̃ dzena le ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu kple ale si wòƒoa nu na woe me, ne esia bia be wòatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã.\nALEKE MOSE ÐE LƆLƆ̃ FIAE?\nMose lɔ̃ Mawu. Aleke wòɖe esia fiae? Enyo, na míatrɔ susu ɖe 1 Yohanes 5:3 me nyawo ŋu, afi si gblɔ be: \"Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi.\" Mose tsɔ gɔmeɖose ma wɔ dɔe. Mose wɔ nya siwo katã Mawu gblɔ nɛ la dzi—tso dɔdeasi sesẽ si nye be wòado ɖe ŋusẽtɔ Farao ŋkume, va ɖo dɔ siwo madze nu sesẽ o, abe eƒe atikplɔa dodo ɖe Ƒudzĩa dzi ene. Sea dzi wɔwɔ sesẽ alo meɖasesẽ o, Mose wɔnɛ \"nenema\" pɛpɛpɛ abe ale si wobia tso esi ene.—2 Mose 40:16.\nMose ɖe lɔlɔ̃ fia nɔvia Israel-viwo hã. Israel-viwo de dzesii be Yehowa to Mose dzi le mɔ fiam eƒe amewo, eya ta wotsɔa woƒe kuxiwo va ɖoa Mose ŋkume. Nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Dukɔ la le Mose ŋkume tso ŋdi va se ɖe fiẽ.\" (2 Mose 18:13-16) Bu ale si gbegbe esia anya te ɖeɖi Mose ŋui ŋu kpɔ—be wòanɔ to dzi gaƒoƒo sia gaƒoƒo esime Israel-viwo le woƒe kuxiwo dzi ɖem nɛ! Ke hã, dzidzɔe wònye na Mose be wòakpe ɖe ame siwo wòlɔ̃ la ŋu.\nMenye ɖeko Mose ɖoa to sea ame siwo wòlɔ̃ la ƒe nyawo o, ke edoa gbe ɖa ɖe wo ta hã. Edo gbe ɖa ɖe ame siwo da vo ɖe eŋu la gɔ̃ hã ta! Le kpɔɖeŋu me, esi Mose nɔvinyɔnu, Miryam, lĩ Mose ŋu la, Yehowa na anyidɔ ƒo ɖe Miryam ŋu. Dzi medzɔ Mose be wohe to na Miryam o, ke boŋ eɖe kuku ɖe eta enumake le gbedodoɖa me be: \"Oo Mawu, meɖe kuku, da gbe le eŋu dzro! Meɖe kuku!\" (4 Mose 12:13, NW) Ne menye lɔlɔ̃e le Mose si o ɖe, ɖe wòado gbe ɖa ɖe eta veveseɖeamenutɔe alea?\nNU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME?\nMíate ŋu asrɔ̃ Mose to ale si míana lɔlɔ̃ deto nanɔ mía si na Mawu dzi. Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí be míawɔ eƒe sewo dzi \"tso dzi me.\" (Romatɔwo 6:17) Ne míeɖo to Yehowa tso dzi me la, esia doa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eɖea vi na míawo hã, elabena ne lɔlɔ̃ vavã si le mía si na Mawu tae míesubɔnɛ ɖo la, menye ɖeko míanye nu nyui wɔlawo ko o, ke míakpɔ dzidzɔ ɖe ewɔwɔ ŋu hã!—Psalmo 100:2.\nMɔ bubu si nu míate ŋu asrɔ̃ Mose le ye nye be míatu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖo na ame bubuwo. Ne xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ɖe woƒe kuxiwo dzi na mí la, lɔlɔ̃ ʋãa mí be (1) míakpɔ vovo ɖe wo ŋu aɖo to wo; (2) míase veve ɖe wo nu; eye (3) míana woakpɔe be míetsɔ ɖe le eme na yewo.\nMíate ŋu ado gbe ɖa ɖe míaƒe ame lɔlɔ̃wo ta abe ale si Mose wɔe ene. Ɣeaɖewoɣi ne wogblɔ woƒe kuxiwo na mí la, awɔ na mí be kpekpeɖeŋu aɖeke meli míana wo o. Ðewohĩ míafa konyi gɔ̃ hã be, \"Ete ɖe dzinye, gake gbe koe mate ŋu ado ɖa ɖe tawò.\" Gake ele be míaɖo ŋku edzi be: \"Ŋusẽ nɔa ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo\" ŋu. (Yakobo 5:16) Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu axa ɖe míaƒe gbedodoɖawo ta akpe ɖe amea ŋu. Eya ta ɖe nu bubu aɖe gali si nyo wu gbedodoɖa ɖe míaƒe ame lɔlɔ̃wo ta? *\nÐe màlɔ̃ ɖe edzi be nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Mose gbɔ oa? Togbɔ be ame koe wònye abe míawo ke ene hã la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le xɔse, ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. Zi ale si míele eƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m nyuie la, zi nenemae wòaɖe vi na míawo kple ame bubuwo siaa.—Romatɔwo 15:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130201\/mose-ame-si-l%C9%94%CC%83a-ame\/","date":"2021-09-27T16:37:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058456.86\/warc\/CC-MAIN-20210927151238-20210927181238-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980961084,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980961084365845}","num_words":624,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 344\nStanza 1\nNe Mawu le dzinye la,\nNu ka gɔ̃ mavɔ̃ ma?\nNe meyɔ eƒe ŋkɔ la,\nNu sia nu ate ɖa.\nNe Mawu enye xɔ̃nye,\nSi elɔ̃a nye nya la,\nNu ka futɔwo katã\nƑe ha awɔm mahã?\nStanza 2\nMenyae eye mexɔe se,\nMaɖe gbeƒãe hã faa\nBe, Mawu dziƒoʋitɔ\nNye Fofonye vavã,\nBe ele nye axa dzi\nLe xaxa katã me,\nBluna ɖe yaa kple ƒu ta,\nBe woazi ɖoɖoe kpoo.\nStanza 3\nKpe gbadza, si dzi manɔ,\nNye Kristo kple 'ƒe ʋu.\nEya ko ana makpɔ\nAgbe mavɔ vavã.\nNye ŋ'tɔ kple nye agbe la\nMenye naneke o;\nNu si Kristo tsɔ nam la,\nEya koe xɔ 'si nam.\nStanza 4\nNye xɔla ɖe nu sia nu,\nSi hea ku vɛ, ɖa, keŋ.\nEya hã klɔ ŋutinye,\nBe ŋu magakpem o.\nEya ta mekpɔ dzidzɔ\nKpakple dzideƒo fũ;\nNyemavɔ̃ ʋɔnudɔdrɔ̃\nAbe tsã ene o.\nStanza 5\nNyemagafa konyi o,\nDzi le dzɔyem ɖaa si;\nManɔ kafuha dzim ko,\nMekpɔa ɣekeklẽ sɔŋ.\nƔe, si le keklẽm nam la,\nNye Yesu, nye ɖela;\nNu si ŋu madzi ha le\nNye dziƒonuwo sɔŋ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-344\/","date":"2021-09-27T07:07:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976901412,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976901412010193}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle be manɔ kame dem?\nLe dukɔ aɖewo me la, sɔhɛwo megava le ɣeyiɣi boo aɖeke zãm ɖe kamedede ŋu o, eye esia le nu gblẽm le woƒe lãmesẽ ŋu. Ðeko wòsɔ nyuie be Biblia gblɔ be \"ŋutilãmamla nyo.\" (1 Timoteo 4:8) Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:\nKamedede ate ŋu ana dzi nanɔ dzɔwòm wu. Kamedede nana ahɔhɔ̃a tua lãmetsi siwo woyɔna be endorphins, si nana ame ƒe dzi dzea eme eye wòkpɔa dzidzɔ. Esia tae ame aɖewo gblɔna be kamedede nye blanuilélenutsitike ɖo.\n\"Ne mefɔ ŋdi kanya vɛ ƒu du la, mewɔa dɔ nyuie wu le ŋkekea me eye dzi dzɔam. Duƒuƒu nana nye dzi dzea eme.\"—Regina.\nKamedede ate ŋu ana wò dzedzeme nanyo ɖe edzi. Ne èdea kame ale si dze la, ànɔ lãmesẽ me, ŋusẽ anɔ ŋuwò wu eye ate ŋu ana hã be dzi nanɔ ƒowò wu.\n\"Dzi le dzɔyem ŋutɔ be fifia metea ŋu dea kame le mɔ aɖe si nu menya wɔna nam le ƒe si va yi me o! Nu si gadzɔa dzi nam le eŋu wue nye be menya be mele be lém na nye ŋutilã.\"—Olivia.\nKamedede ate ŋu ana nànɔ agbe didi. Kamedede nana ame ƒe dzi, ʋukawo kple dzitodzitowo wɔa dɔ nyuie. Kamedede ate ŋu ana hã be ame maxɔ dzidɔ o—dzidɔ nye dɔléle siwo wua ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa wu la dometɔ ɖeka.\n\"Ne míedea kame nyuie edziedzi la, míeɖenɛ fiana mía Wɔla la be míedea asixɔxɔ ŋutilã si wòtsɔ na mí la ŋu.\"—Jessica.\nNya vevitɔ: Kamedede aɖe vi geɖe na wò le etsɔme, eye ate ŋu aɖe vi na wò fifia gɔ̃ hã. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tonya gblɔ be: \"Màgblɔ gbeɖe be, 'Ðe menya la, ne nyemevɛ zɔ azɔli ma alo ƒu du tsɔ de kame o.' Ne medi be matsɔ nane ado taflatsɛ gake meɖu ɖokuinye dzi hede kame la, dzi dzɔam ŋutɔ.\"\nNu kae le mɔ xem nam?\nNu siwo ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàde kame la dometɔ aɖewoe nye esiawo:\nNaneke meʋãa wò o. \"Mekpɔe be sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be lãmesẽkuxiwo mate ŋu aɖe fu na yewo o. Esesẽna na wo be woakpɔe be lãmesẽnyawo ate ŋu ava ɖe fu na yewo gbe ɖeka. Ewɔna na wo be ame tsitsiwoe nu mawo ɖea fu na.\"—Sophia.\nVovo menɔa ŋuwò o. \"Vovo menɔa ŋunye o, ke hã medzea agbagba be madi ɣeyiɣi adɔ alɔ̃ nyuie ahaɖu nu nyuie, gake nu sesẽ ye wònye nam be madi ɣeyiɣi na kamedede ya.\"—Clarissa.\nMèle kamedede ƒe ha aɖeke me o. \"Ebia ga geɖe be ame nanɔ lãmesẽ me elabena ne èyi kamedeƒe aɖe la, ele be nàxe fe!\"—Gina.\nBu nya sia ŋu:\nNu ka koŋ ye xea mɔ na wò be nàgade kame o? Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi be nàɖu mɔxenu ma dzi, gake wò agbagbadzedzewo mazu dzodzro o.\nNu kae akpe ɖe ŋunye made kame ale si dze?\nAɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esiawo:\nWò ŋutɔ lé fɔ ɖe wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.—Galatiatɔwo 6:5.\nƑo asa na taflatsɛdodo. (Nyagblɔla 11:4) Le kpɔɖeŋu me, mehiã kokoko be nànɔ kamedeha aɖe me hafi nàte ŋu ade kame o. Bu nane si wɔwɔ doa dzidzɔ na wò ŋu nàtsɔ anɔ kame demee.\nBia ame bubuwo ne woagblɔ nu siwo wowɔna tsɔ dea kamee la na wò.—Lododowo 20:18.\nWɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe kamedede ŋu. Ðo taɖodzinuwo eye nàwɔ nuŋlɔɖi siwo ana nàkpɔ ŋgɔyiyi siwo wɔm nèle ale be esia nado ŋusẽ wò.—Lododowo 21:5.\nDi zɔhɛ aɖe wò kplii mianɔ kame dem ɖekae. Zɔhɛ ma ade dzi ƒo na wò ahakpe ɖe ŋuwò nàzɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖia dzi.— Nyagblɔla 4:9, 10.\nKpɔ mɔ na kplamatsɛdonuwo, gake mègana ta o.—Lododowo 24:10.\nÐɔ ŋu ɖo\nBiblia gblɔ na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be \"woada asɔ le nuwɔna me.\" (1 Timoteo 3:2, 11) Eya ta ɖɔ ŋu ɖo le kamedede ŋu. Ame siwo dea kame atraɖii la meva kpɔa viɖe gbagbe aɖeke tso eme o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Julia gblɔ be: \"Ne ɖekakpui aɖe tsia dzi ɖe ale si wòana eƒe lãme natò ŋu gake metsia dzi ɖe susu ŋu dɔ wɔwɔ ŋu tututu o la, eƒe nu manyo ŋunye o.\"\nAzɔ hã, kpɔ nyuie le nya aɖewo siwo amewo lɔ̃a gbɔgblɔ abe, \"Ne ewɔ na wò be ɖeɖi te ŋuwò belibeli la, gawɔe zi 10 kpee\" ene la ŋu. Aɖaŋuɖoɖo mawo tɔgbi dzi wɔwɔ ate ŋu ana nàwɔ nu vevi ɖokuiwò, eye woate ŋu ana hã be wò susu maganɔ \"nu siwo le vevie wu\" la dzi o.—Filipitɔwo 1:10.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, nya siwo amewo gblɔna be yewoatsɔ ade dzi ƒo na wò la ate ŋu aɖe dzi le ƒowò boŋ. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vera gblɔ be: \"Nyɔnuvi geɖe dzraa ame siwo wodina be yewoaɖi la ƒe fotowo ɖo henɔa wo kpɔm be wòade dzi ƒo na yewo ne yewoade kame. Gake wova tsɔa wo ɖokuiwo nɔa sɔsɔm kple ame mawo eye esia ɖea dzi le wo ƒo boŋ. Enyo wu be nàde kame kple susu be yeanɔ lãmesẽ nyui me ke menye be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme ko ŋu o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/na-kamedede-nadzro-w%C3%B2\/","date":"2021-09-16T22:41:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780053759.24\/warc\/CC-MAIN-20210916204111-20210916234111-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980694652,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980694651603699}","num_words":832,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 195\nStanza 1\nYesu, wòe xe míaƒe fe;\nWò ketɔwo míenye hafi,\nEya ta ɖe mí katã\nTo tsi kɔkɔea kple wò ŋkɔa me.\nNa mía ŋuti naɖi keŋ!\nWò ŋkɔ me woyɔ mí le.\nStanza 2\nNu vɔ̃ wɔlawo míenye;\nKe Yesu meƒu mí gbe o\nMíemlɔ nu vɔ̃ ƒe ba me;\nEyɔa mí va agbetsi gbɔe.\nNe eklɔ mía ŋuti la,\nMíazu ame dzadzɛwo.\nStanza 3\nTso ŋkeke sia heyina\nYesu tɔ ko míanye ɖaasi.\nŊusẽ aɖeke mate ŋu\nAma mía kplii dome kpɔ o.\nEƒe dzi ɖoa ŋku mía dzi,\nMiawo hã miaɖo ŋku dzi.\nStanza 4\nMina míagbe xexeame,\nMíagbe abosam ƒe nya hã!\nMíagblɔ nɛ be be: Te ɖa yi!\nÐela le mía dome xoxo!\nYesu ko míasubɔ ɖaa,\nEya nye mía Aƒetɔ!\nStanza 5\nYesu, Aƒetɔ, ɖo to!\nMíeɖe kuku na wò vevie,\nBe nàyɔ mí fũ kple dzo\nKpakple ŋusẽ, si tso dziƒo;\nNàde mí wò Gbɔgbɔ me,\nBene míanɔ agbagbe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-195\/","date":"2021-09-23T17:21:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00704.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979108572,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979108572006226}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 386\nStanza 1\nNye gbɔgbɔ, nɔ klalo ɖaa,\nNɔ ŋudzɔ, do gbe ɖa,\nBena ɣeyiɣi vɔ̃ la\nNagalili wò o!\nTetekpɔ ɖina ɖe\nAme dzɔdzɔewo hã,\nNe woɖe ŋu ɖi ko.\nStanza 2\nKe nyɔ tso nu vɔ̃ la me\nKple wò dzi blibo la!\nNyae be, tohehe sesẽ\nDzea nu vɔ̃ la yome.\nEye hiã kple ku siaa\nWoatu wò le vɔ̃ me,\nWoazu gbegblẽ mavɔ̃.\nStanza 3\nNyɔ, be nàkpɔ wò ɖela\nƑe ŋutikɔkɔe ɖa!\nNe menye nenem o la,\nÀva bu wò keklẽ.\nŊku, siwo le ʋuʋu,\nDim Mawu le na mí\nÐe 'ƒe nunana ŋu.\nStanza 4\nNyɔ, bene xexe sia me\nNagazi dziwò o,\nAlo wòatsɔ aɖaŋu\nAkplɔ wò ayi o!\nNyɔ, dze si nɔvi, si\nNye alakpatɔ la,\nGadze eyome o!\nStanza 5\nNyɔ, kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie!\nDzɔ wò dzi ŋuti ɖaa!\n'Me si mekpɔ nyuie o la,\nAdo vlo 'ƒe Mawu.\nDidi vɔ̃ geɖewo\nƔlana ɖe mía dzi me,\nBlea mí dea nu vɔ̃ me.\nStanza 6\nNɔ gbedodoɖa hã dzi\nLe ŋudzɔnɔ me!\nElabena Mawu ko\nAte ŋu aɖe wò\nTso agba kpekpe la\nKple kuvialɔ̃dɔdɔ,\nSi gblẽa ame la me.\nStanza 7\nƐ̃, gbedodoɖa míatsɔ\nAxɔ nu tso egbɔ.\nTo gbedodoɖa me ko\nMíateŋ' anɔ agbe.\nEya ko míatsɔ 'ɖu\nMía futɔwo katã\nKple mía ŋutilã dzi.\nStanza 8\nEya ta, nɔvinyewo,\nMina míanɔ ŋudzɔ!\nElabe hiã kple ŋɔdzi\nLe tetem ɖe mía ŋu.\nƔeyiɣi la le kpuie\nNa Mawu ƒe ʋɔnu,\nSi wòadrɔ̃ xexeame.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-386\/","date":"2021-09-27T07:12:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00562.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9906680584,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9906680583953857}","num_words":239,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 209\nStanza 1\nMina míadzra mía ɖokui ɖo;\nMíayi Yesu ƒe kplɔ̃ ŋuti\nBe míaxɔ dziƒonuɖuɖu,\nSi woɖo anyi ɖi na mí!\nAme si le mía yɔm ɖa la,\nEya nye agbefia la;\nEle didim be yeanyi mí;\nEya ŋuti dzi nadzɔ mí!\nStanza 2\nMíedze eƒe yɔyɔ la o,\nVɔ̃ɖitɔwo sɔŋ ko míenye;\nMíewɔ eƒe gbe dzi hã o,\nTosẽlawo sɔŋ ko míenye.\nGake eya nye mía xɔla,\nEya eku ɖe mía teƒe,\nTsɔ eɖokui sa vɔe ɖe mía ta,\nBe 'ƒe ʋu naklɔ mía ŋuti.\nStanza 3\nAbolo, si woka na mí,\nEyae nye eƒe ŋutilã;\nEƒe ʋu, si ɖuɖu na mí,\nEyae nye wein, si míenona.\nNe míexɔe kple míaƒe nu ko,\nMíexɔ 'ƒe ŋutilã kple ʋu.\nNe míekpɔ nuɖuɖu sia la,\nMíeɖoa ŋku eƒe ku dzi hã.\nStanza 4\nXɔ abolo sia, ne nàɖu,\nAdo ŋusẽ wò dzixɔse.\nXɔ kplu sia, ne nàno wein la,\nAna agbe mavɔ la wò.\nNe míexɔ esia dzi se la,\nAɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa,\nAxɔ mí le ku mavɔ si,\nAkplɔ mí ayi dziƒoƒe.\nStanza 5\nMíeda akpe na wò, Yesu,\nEsi nèku ɖe mía teƒe\nHelɔ̃ mí vevie ale ta.\nNa wò lɔlɔ̃ la ƒe ɖe mí!\nMíawo hã míalɔ̃ mía nɔewo,\nMíagbe fuléle kple nu vɔ̃,\nBene míadze yowòme ko\nHalase míaƒe kugbe ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-209\/","date":"2021-09-27T07:22:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980732799,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980732798576355}","num_words":214,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Nyateƒenyae nya sia nye: Ne ŋutsu aɖe le dzikpɔladɔ+ minyam la, ele dɔ nyui minyam. 2 Eya ta ele be dzikpɔla nanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, wòada asɔ le nuwɔna me, wòanye ame ɖɔŋuɖo,*+ ame si wɔa nu le ɖoɖo nu, amedzrowɔla,+ ame si nya nufiafia,+ 3 menye ahamula o,+ menye ŋutasẽla* o, ke boŋ nugɔmesela,+ menye dzrehela o,+ menye galɔ̃la o,+ 4 ke ame si kpɔa eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, eye viawo bɔbɔa wo ɖokui anukwaretɔe+ 5 (elabena ne ame aɖe menya ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame la dzi?), 6 menye ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o,+ ne wòagado eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wòadze ʋɔnu si wodrɔ̃ Abosam la me o. 7 Azɔ hã, ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui* tso ame siwo le egodo la hã gbɔ,+ ale be wòagadze vlodoame kple Abosam ƒe mɔ̃ me o. 8 Nenema kee subɔsubɔdɔwɔlawo hã nanye ame siwo léa fɔ ɖe nu ŋu, woaganye aɖeveetɔwo o, woaganye aha geɖe nolawo o, woaganye ame siwo klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o,+ 9 woanye ame siwo léa xɔse ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la me ɖe asi le dzitsinya dzadzɛ me.+ 10 Azɔ hã, woado ame siawo kpɔ gbã be wodze hã; eye ne nutsotso aɖeke mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ.+ 11 Nenema kee nyɔnuwo hã nawɔ nu kple moveviɖoɖo, woaganye ameŋugblẽlawo o,+ woada asɔ le nuwɔna me, woanye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.+ 12 Subɔsubɔdɔwɔla nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ame si kpɔa viawo kple eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie. 13 Elabena tenɔnɔ nyui sua ŋutsu siwo subɔna nyuie la si, eye dzi nɔa wo ƒo wotea ŋu ƒoa nu faa tso ale si woxɔ Kristo Yesu dzi se la ŋu. 14 Togbɔ be mele nya siawo ŋlɔm na wò hã la, mele mɔ kpɔm be mava gbɔwò kpuie. 15 Ke ne metsi megbe la, ne nànya ale si nàzɔ le Mawu ƒe aƒe,+ si nye Mawu gbagbe la ƒe hame, si nye nyateƒe la ƒe sɔti kple nu si lée ɖe te la me. 16 Vavãe, edze ƒãa be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe sia lolo: 'Woɖee fia le ŋutilã me,+ wobui ame dzɔdzɔe le gbɔgbɔ me,+ eɖe eɖokui fia mawudɔlawo,+ woɖe gbeƒãe le dukɔwo dome,+ woxɔ edzi se le xexea me,+ woxɔe yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me.'\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ame si da sɔ le nuwɔna me; wɔa nu le nunya me.\"\n^ Alo, \"ameƒola.\"\n^ Alo, \"ŋkɔ nyui nanɔ eŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-timoteo\/3\/","date":"2021-09-16T20:29:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780053717.37\/warc\/CC-MAIN-20210916174455-20210916204455-00412.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975283146,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975283145904541}","num_words":404,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 308\nStanza 1\nMina ne míalɔ̃ Mawu gã,\nSi ewɔ dzi kple anyigba,\nTsidzidziwo kpakple ƒu!\nAme si le agbe tegbee,\nKpɔ ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe.\nEsi nye dzimefia gã.\nEna agbe,\nŊutilã kpakple luʋɔwo\nAme sia 'me.\nMine míalɔ̃e tso mía dzi me!\nStanza 2\nMine ne míakafu Mawu,\nSi etsɔ Via Yesu hena\nÐe míaƒe nu vɔ̃wo ta!\nMikpɔ ale si Mawu lɔ̃\nMí ame siwo wɔ vɔ̃e ɖa!\nElɔ̃ be, yeatsɔe ke mí.\nMina míaʋu\nMía nu vɔ̃ me na Aƒetɔ,\nSi tsɔ wo yi,\nEsime wòku l'a-ti ŋu.\nStanza 3\nMina ne míasubɔ Mawu,\nAme si ewɔ nu sia nu,\nEdzra nuwo katã ɖo!\nEya nye ŋusẽkatãtɔ,\nMía xɔla kpakple mía Fofo,\nSi xea fe hã na 'mewo.\nEɖoa teƒe\nNa 'me sia 'me le ale si\nWòwɔna le\nEƒe agbenɔɣi la nu.\nStanza 4\nO Mawu nyui, mía Fofo gã,\nNa mí míatrɔ zu tɔwòwo,\nBe míanɔ kpli wò tegbee!\nMíel'a-be vidziwo ene,\nHiãtɔ kple nublanuitɔwo\nLe míaƒ'aɔ̃nyinɔnɔ me.\nEya ŋuti\nNànɔ kpli mí, do ŋusẽ mí,\nBe ne míazɔ\nDziƒomɔ la dzi gbe sia gbe","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-308\/","date":"2021-09-23T18:12:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00136.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9942575693,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9942575693130493}","num_words":178,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Dzɔtsoƒe Kple Kakaɖedzi Si Le Eŋu\nXlẽ nu si Biblia gblɔ tso eɖokui ŋu.\nBiblia-ŋlɔla geɖe gblɔ be Mawue gblɔ nu si yewoŋlɔ la na yewo. Nu ka ta?\nMose ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo. Ame nenie ŋlɔ Biblia?\nBiblia-ŋlɔlawo gblɔ be Mawue fia mɔ yewo eye eƒe nyawoe yewoŋlɔ. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be nu siwo woŋlɔ la nye nyateƒe?\nEsi wònye agbalẽ xoxoe Biblia nye ɖe, aleke míawɔ aka ɖe edzi be wokpɔ eme nyawo ta wode pɛpɛpɛ?\nÐe vodadawo le nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?\nÐe blemagbalẽ sia de pɛpɛpɛa?\nAfi kae wodzi Biblia-ŋlɔlawo le, dukɔ ka me tɔwoe wonye?\nƔeyiɣi didi kae va yi le Yesu ƒe ku megbe hafi wova ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo?\nBiblia Xexlẽ Kple Egɔmesese\nAfi ka tɔe nèɖanye alo afi ka nèɖade suku se ɖe o, àte ŋu ase Mawu ƒe gbedeasi si le Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me la gɔme.\nNa míalé ŋku ɖe Biblia me nya siwo amewo fiaa asii gblɔna be Biblia tsi tsitre ɖe eɖokui ŋu la dometɔ aɖewo kple mɔfiame siwo ŋu dɔ nàwɔ atsɔ ake ɖe gɔmesese nyuitɔ ŋu la ŋu kpɔ.\nGɔmesese si wu ɖekae le nya sia ŋu le Biblia me.\nÐe \"ŋku ɖe ŋku teƒe\" ƒe sea fia be ele be ame nabia hlɔ̃ na eɖokuia?\nAme kae ŋlɔe? Ðe wòle be woawɔ emenyawo dzi tegbeea?\nNyagblɔɖiwo Kple Dzesiwo\nKpɔ gɔmesese siwo le xexlẽdzesi siwo le Biblia me si la ɖa, eye nàkpɔ nu si tae esia to vovo na xexlẽdzesifakaka.\nNyagblɔɖi si ku ɖe \"ɣeyiɣi adre\" ŋu le Daniel ta 4 fia asi ɣeyiɣi vevi aɖe le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖunyawo me.\nAgbalẽa ŋutɔ gblɔ be ame siwo xlẽa nya siwo le ye me, sea wo gɔme hewɔa wo dzi la akpɔ dzidzɔ.\nYayra kae du tɔxɛ sia ate ŋu ana nàkpɔ?\nŊutete, ŋusẽ kple fiazikpui le lã wɔadã la si. Nu kae Biblia me nyagblɔɖiwo ɖe fia tso eŋu?\nNu ade siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ lã wɔadã dziŋɔ sia adze sii.\nBiblia ɖe nu si 666 le tsitre ɖi na kple nu si lã wɔadã la ƒe dzesia fia la me.\nBiblia gblɔ be enye gbolo eye wòganye du gã hã.\n\"Tsiẽƒe ƒe safuiwo le\" Yesu si, gake dzota ya ƒe safui mele esi o?\nXexea Ƒe Nuwuwu\nBiblia gblɔ nudzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo anɔ edzi yim do ŋgɔ na \"xexea me ƒe nuwuwu\" la ɖi.\nNyagblɔɖi siwo ku ɖe nuwuɣia ŋu la ɖee fia be ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake ava ameƒomea dzi kpuie. Nu kawoe míakpɔ mɔ na be woadzɔ?\nZi ɖeka koe Armagedon dze le Biblia me, gake woƒo nu tso aʋa si ŋuti wòku ɖo la ŋu le Biblia bliboa me.\nÐewohĩ ale si Biblia ɖo nya sia ŋui la awɔ nuku na wò.\nÐe Biblia gblɔ ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava?\nXlẽ nu tso nu siwo nàte ŋu akpɔ mɔ na be Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ ne ele dzi ɖum ɖe anyigba dzi la ŋu.\nXlẽ nu tso ŋugbe si Mawu do be yeahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi to yeƒe Fiaɖuƒea dzi la ŋu.\nAmewo, Teƒewo Kple Nuwo\nNyagbe geɖe siwo amewo zãna le Kristmas ɖuɖu ŋuti kɔnuwo me la medze le Biblia me hafi o.\nŊɔŋlɔawo me dzodzro ana nàkpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo si sɔ.\nMawue de se na blema Israel be woakpa aɖaka sia. Taɖodzinu kae nɔ eŋu?\nNya aɖeke mele Biblia me si tsi tre ɖe nya si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna be nuwɔwɔ siwo le hatsotso ɖeka me ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ la ŋu o.\nAɖaŋuɖoɖo Siwo Ðea Vi\nBiblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu xoxo woƒe ƒomewo le dzidzɔ kpɔm.\nNya si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be \"ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe ke\" la nye mawunyakpukpui aɖe me nyawo ƒe akpa aɖe ko.\nGa mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, gake Biblia me mɔfiame ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo me.\nƐ̃! Xlẽ nu tso afɔ etɔ̃ siwo nàɖe be nànɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu.\nÐe wòate ŋu anye nu si sɔ be ame nado dzikua? Nu kae nàwɔ ne dziku di be yeafla?\nKpɔ nu etɔ̃ siwo Mawu wɔna na mí dɔmenyotɔe tsɔ kpena ɖe mía ŋu míeɖua blanuiléle dzi ɖa.\nXlẽ nu tso ale si xɔlɔ̃dzedze Mawu ate ŋu ana wò agbe naɖɔ ʋu fifia kple etsɔme sia la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nyabiase-siwo-ku-%C9%96e-biblia-%C5%8Bu\/","date":"2021-12-02T08:09:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964361169.72\/warc\/CC-MAIN-20211202054457-20211202084457-00635.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991839528,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991839528083801}","num_words":725,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wɔ Eƒe Kɔpi\nAle si Biblia ɖo eŋui\nBiblia ɖo eŋu eme kɔ ƒãa be, ao. Yehowa Mawu meɖoe kura be amegbetɔwo nakpe fu o. Ke hã atsu kple asi gbãtɔ dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu, eye wotiae be yewo ŋutɔwo yewoatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na yewo ɖokuiwo. Woɖe wo ɖokuiwo ɖa le Mawu ŋu eye wokpɔ emetsonuawo hã.\nEgbea míele tiatia gbegblẽ si ame eve mawo wɔ la ƒe fu kpem. Eya ta amegbetɔwo ƒe fukpekpe metso Mawu gbɔ kura o.\nBiblia gblɔ be: \"Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: 'Mawue le teyem kpɔ' o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.\" (Yakobo 1:13) Fukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/m%C3%ADekpea-fu\/","date":"2021-12-08T05:52:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964363445.41\/warc\/CC-MAIN-20211208053135-20211208083135-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984099269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984099268913269}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nZi ɖeka pɛ ko Biblia ƒo nu tso nutáta ɖe ŋuti ŋu le 3 Mose 19:28 be: \"Migatá nu ɖe ŋuti hã o.\" Mawu de se sia na Israel-viwo tsɔ na woto vovo na dukɔ siwo ƒo xlã wo. Dukɔ mawo me tɔwo táa woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo kple dzesiwo ɖe ŋuti. (5 Mose 14:2) Togbɔ be se si wode na Israel-viwo mebla mí Kristotɔwo o hã la, mɔfiame aɖe dze le eme si ŋu wòhiã be míabu vevie.\nÐe wòsɔ be Kristotɔ natá nu ɖe ŋutia?\nMawunyakpukpui siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble tso nyaa ŋu:\n'Nyɔnuwo hã nado awu le ameŋububu me.' (1 Timoteo 2:9) Mɔfiame ma yi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ele be míade bubu ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu eye míaƒo asa na amewo ƒe susu hehe va mía ɖokuiwo dzi madzemadzee.\nAme aɖewo táa nu ɖe ŋuti be ne woabu yewo be yewole ame me alo atsɔ aɖee fia be yewole yewo ɖokui si, eye ame bubuwo hã wɔa esia be yewoatsɔ aɖee afia be yewokpɔ mɔ awɔ nu si yewodi kple yewoƒe ŋutilã. Evɔ Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be: \"Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le.\" (Romatɔwo 12:1) Zã wò \"tamebubu ŋutete\" nàtsɔ akpɔe ɖa be nu ka tae yedi be yeatá nu ɖe ŋuti mahã. Ne esi wònye atsyã si le tsia dzi tae alo nèdi be woabu ye ɖe amewo ƒe hatsotso aɖe me tae la, ɖo ŋku edzi be ame ƒe susu tea ŋu trɔna kaba, evɔ nutáta ɖe ŋuti ya nɔa anyi ɖaa. Ðokuiwò me dzodzro alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie.—Lododowo 4:7.\n\"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.\" (Lododowo 21:5) Zi geɖe ɖeko amewo tsia klokloklo táa nu ɖe ŋuti, gake eva kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomedodo si nɔa wo kple ame bubuwo dome kple woƒe dɔwɔɖuinyawo dzi le ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã. Nutáta ɖe ŋuti ɖeɖe ɖa tea ŋu vena ŋutɔ eye wòxɔa asi hã ŋutɔ. Numekulawo kple dɔwɔƒe siwo tutua nutáta ɖa le amewo ŋuti siaa gblɔ be eva vea ame siwo táa nu ɖe ŋuti la dometɔ akpa gãtɔ mlɔeba.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-nut%C3%A1ta-%C9%96e-%C5%8Buti\/","date":"2021-12-03T05:27:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964362589.37\/warc\/CC-MAIN-20211203030522-20211203060522-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972686768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972686767578125}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMawu de bubu mía ŋu hena tiatiawɔblɔɖe mí. Tiatiawɔblɔɖe nye ablɔɖe si Mawu na mí be míawo ŋutɔwo míatso nya me ke menye be Mawu alo dzɔgbese naɖo ale si míava nɔ agbee la ɖi na mí o. Bu Biblia ƒe nufiafia siawo ŋu kpɔ.\nMawu wɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26) Mía Wɔla wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu le mɔ sia nu be ŋutete le mía si míeɖea eƒe nɔnɔmewo, abe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔnyenye ene fiana. Míele abe lãwo ene o elabena lãwo ya wɔa nu ɖe woƒe lãmenusese ko nu. Eye abe mía Wɔla ene la, tiatiawɔblɔɖe le mía si.\nMía ŋutɔwo míate ŋu awɔ akpa gã aɖe le ale si nuwo ava nɔ na mí le etsɔme la me. Biblia de dzi ƒo na mí be 'mitia agbe eye miɖo to Mawu ƒe gbe,' si fia be míalɔ̃ be míawɔ eƒe sewo dzi. (5 Mose 30:19, 20) Nya sia anye dzodzro kple tagbɔsesẽ le ame ŋu ne ŋutete mele mía si be míate ŋu atia nu si míawɔ la o. Le esi Mawu nazi nu si wòdi la ɖe mía dzi teƒe la, ɖe wòkpe mí lɔlɔ̃tɔe hegblɔ be: \"Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene.\"—Yesaya 48:18.\nMenye dzɔgbese aɖekee kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ alo kpododonu dzi o. Ne míedi be míakpɔ dzidzedze le míaƒe agbagbadzedzewo me la, ke ele be míawɔ dɔ sesĩe. Biblia gblɔ be: \"Nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.\" (Nyagblɔla 9:10) Egblɔ hã be: \"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.\"—Lododowo 21:5.\nNunana xɔasie tiatiawɔblɔɖe nye Mawu na mí, elabena esia nana míelɔ̃nɛ kple míaƒe \"dzi blibo,\" le esi míetiae be míalɔ̃e ta.—Mateo 22:37.\nÐe Mawu kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu dzia?\nBiblia fia nu be Mawue nye Ŋusẽkatãtɔ, si fia be ame aɖeke ƒe ŋusẽ megbɔ etɔ nu o. (Hiob 37:23; Yesaya 40:26) Gake mezãa eƒe ŋusẽa tsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu dzi o. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu nɔ nu wɔm kple blema Babilontɔ siwo nye eƒe amewo ƒe futɔwo la, egblɔ be \"mezi ɖokuinye dzi.\" (Yesaya 42:14) Nenema kee egbea hã, Mawu zi eɖokui dzi heɖe mɔ amewo le woƒe tiatiawɔblɔɖea zãm tsɔ le nu gblẽm le ame bubuwo ŋu. Gake Mawu mazi eɖokui dzi ɖaa o.— Psalmo 37:10, 11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/tiatiaw%C9%94bl%C9%94%C9%96e-le-biblia-me\/","date":"2021-11-29T23:23:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358847.80\/warc\/CC-MAIN-20211129225145-20211130015145-00412.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960250258,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996025025844574}","num_words":385,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nu vevi wɔ wò si wɔe be nèfa avi kpɔa?\nBiblia gblɔ be, le blema la, ame aɖewo siwo gblɔ be yewolɔ̃ Mawu la 'do dziku' nɛ. Ɛ̃, 'wodo vevesese' na Mawu! Gake le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu awɔ nu vevi Yehowa Mawu o. Eyae nye ŋusẽkatãtɔ la. Azɔ na míakpɔ nu si tae Yehowa sea veve ne míeɖo toe o la ɖa.\nAme eve gbãtɔ siwo Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi la do vevesese nɛ ŋutɔ. Etsɔ ame eve siawo ɖo Paradiso si nɔ anyigba dzi, si woyɔ be Eden-bɔ la, me. Ame eve mawoe nye ame kawo?\nEsi Yehowa tsɔ wo ɖo abɔa me vɔ la, egblɔ na wo be woalé be nɛ. Egblɔ na wo hã be woadzi viwo eye wo katã woanɔ abɔa me tegbee. Gake hafi Adam kple Xawa nadzi vi la, nublanuinya aɖe dzɔ. Ènya nu si dzɔa?\nMawudɔlaa na wòdze abe da aɖe ƒo nu ene. Nya si Xawa se la dzɔ dzi nɛ\nEɖu ati si ƒe tsetse Yehowa gblɔ na Adam be woagaɖu o la. Hafi Mawu nawɔ Xawa la, egblɔ na Adam be: \"Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.\"\nXawa nya sedede ma. Ke hã eyi edzi nɔ ŋku lém ɖe atia ŋu, eye ekpɔe be ati la 'nyo na ɖuɖu, eye ebiã ŋu na ame. Eya ta egbe eƒe tsetse aɖe heɖu.' Emegbe la, ena atia ƒe tsetse Adam, eye eya 'hã ɖui.' Èsusu be nu ka tae Adam ɖu atikutsetsea ɖo?\nÈɖo ŋku da si ƒo nu na Xawa la dzia? Abe ale si ko aɖaŋuwɔla aɖe ate ŋu ana wòadze abe fefenu aɖe ƒo nu ene la, nenema kee ame aɖee na wòdze abe da lae ƒo nu ene. Ame ka ƒe gbee ƒo nu to da la dzi?\nÈnya nu si nàwɔ be nàdo dzidzɔ na Yehowa?\nXlẽe le wò Biblia me\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130901\/do-dzidz%C9%94-na-mawu-menye-veve-o\/","date":"2021-12-04T02:50:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964362923.11\/warc\/CC-MAIN-20211204003045-20211204033045-00103.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995900631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959006309509277}","num_words":362,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 383\nStanza 1\nKpɔ ale si wònyoe ɖa,\nNe lɔlɔ̃ vavãtɔ la\nKple ɖekawɔwɔ nyuitɔ,\nLe nɔviwo dome ɖa!\nStanza 2\nElabena afi ma\nMawu kɔa yayra ɖo fũ,\nEƒ'a-menuveve hã;\nXexeame zua viviƒe.\nStanza 3\n'Fi ma luʋɔwo kplɔla\nƑoa tatraawo nu ƒu le\nHeblaa wo katã ɖekae\nLe eƒe lɔlɔ̃ la me.\nStanza 4\nNàbla dzi kple dzi sesiẽ;\nDzrenya nagama wo o!\nWò Gbɔgbɔ nado ŋusẽ,\nWoƒe lɔlɔ̃nubabla!\nStanza 5\nAƒetɔ Yesu Kristo,\nSi le ɖeka kple Fofoa,\nBla míawo hã ɖekae ɖaa,\nÐe nɔviwo nyui me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-383\/","date":"2022-01-28T11:27:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00469.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981339574,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981339573860168}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ gbãŋku kple lɔlɔ̃ vavã ŋu.\nBiblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woakpɔ srɔ̃ nyui aɖe eye ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woaɖe lɔlɔ̃ vavã afia wo srɔ̃wo.\nKpɔ nyabiase ene siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe ɖa be yesu te na gbeɖoɖoɖi hã.\nHafi nàɖo nya sia ŋu la, ele be nànya ɖokuiwò nyuie. Ehiã vevie be nàdzro ɖokuiwò me anukwaretɔe.\nAleke nàwɔ akpɔ nu siwo yi ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ahanya nɔnɔme siwo ŋutɔŋutɔ le xɔ̃wòa si?\nModzakaɖenu aɖe koe gbeɖoɖoɖi nyea alo nu si yi ŋgɔ wu emae wònyea?\nƑomedodo si nɔa anyi ɖaae srɔ̃ɖeɖe nye. Eya ta ne meka ɖe ame si nèle gbea ɖom ɖi kple la dzi o la, mègaŋe aɖaba ƒu wò seselelãmea dzi o!\nKadodoa me tsotso menɔa bɔbɔe o. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi woato atso eme?\nAleke nàwɔ wò dzi nafa ne wò dzi gbã vevie esi miaƒe ŋugbedodo me gblẽ ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/z%C9%94z%C9%94-do-%C5%8Bg%C9%94-na-sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e\/","date":"2022-01-25T09:41:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304798.1\/warc\/CC-MAIN-20220125070039-20220125100039-00010.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998777926,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987779259681702}","num_words":162,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"21 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye;+ elabena dziƒo tsãtɔ kple anyigba tsãtɔ nu va yi,+ eye atsiaƒu+ megali o. 2 Mekpɔ du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye la hã wòle ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ,+ eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.+ 3 Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ wògblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.+ 4 Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume,+ eye ku maganɔ anyi akpɔ o,+ konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.+ Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\" 5 Eye Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia+ dzi la gblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.\"+ Eye wògagblɔ hã be: \"Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo* kple nya vavãwo.\" 6 Eye wògblɔ nam be: \"Wova eme! Nyee nye Alfa kple Omega,* gɔmedzedze kple nuwuwu.+ Ame sia ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsi si le sisim tso agbetsidzɔƒe lae faa.*+ 7 Ame sia ame si ɖu dzi la anyi nu siawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya anye vinye. 8 Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo,+ ŋunyɔnuwɔlawo, amewulawo,+ ahasiwɔlawo,*+ gbɔgbɔyɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo+ katã ya la, woakpɔ wo tɔ gome le dzota si me dzokpe le bibim le la me.+ Esia le tsitre ɖi na ku evelia.\"+ 9 Eye mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me yɔ fũu kple fuwɔame+ adre mamlɛawo ɖe asi la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be: \"Va mafia ŋugbetɔ la, ame si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.\"+ 10 Eye wòkɔm le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me yi to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam,+ 11 eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le eŋu.+ Eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔ aɖe ene, eye wòle dzo dam abe yaspis-kpe si me kɔ abe kristalo ene.+ 12 Gli kɔkɔ titri aɖe le eŋu, eye agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu, eye woŋlɔ Israel-to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo ŋu. 13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe gome, eye agbo etɔ̃ le dziehe gome, agbo etɔ̃ le anyiehe gome, eye agbo etɔ̃ le ɣetoɖoƒe gome.+ 14 Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na dua ƒe gli la hã, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo+ wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo ɖe wo ŋu. 15 Ke ame si le nu ƒom kplim la lé sikanudzidzeti si le abe aɖa ene la ɖe asi be yeadzidze du la kple eƒe agbowo kpakple eƒe gli la.+ 16 Du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime kple eƒe kekeme sɔ. Eye wòtsɔ nudzidzeti la dzidze du la: ele stadio akpe wuieve;* eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme sɔ. 17 Edzidze eƒe gli la hã kple amegbetɔ ƒe nudzidzenu si ganye mawudɔla hã ƒe nudzidzenu wòle abɔklugui alafa ɖeka blaene vɔ ene.* 18 Ke wotsɔ yaspis-kpe+ ɖo eƒe gli lae, eye du la nye sika dzadzɛ abe ahuhɔ̃e si me kɔ ene. 19 Wotsɔ kpe xɔasi ɖe sia ɖe ƒomevi ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gɔmeɖoanyi: gɔmeɖokpe gbãtɔ nye yaspis, evelia nye safir, etɔ̃lia nye kalkedon, enelia nye emerald, 20 atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrelia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topaz, ewolia nye krisopas, wuiɖekɛlia nye hiakint, eye wuievelia nye ametist. 21 Eye agbo wuieveawo nye dzonu wuieve; wotsɔ dzonu ɖeka wɔ agboawo dometɔ ɖe sia ɖe. Eye du la ƒe ablɔ gã la nye sika dzadzɛ, abe ahuhɔ̃e, si me wokpɔa nu tonɛ ene. 22 Nyemekpɔ gbedoxɔ le dua me o, elabena Yehowa* Mawu, Ŋusẽkatãtɔ+ la kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23 Eye du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ ɖe edzi o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe edzi,+ eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.+ 24 Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli me,+ eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ava eme. 25 Womatu eƒe agbowo le ŋkeke me akpɔ o, elabena zã mado le afi ma o.+ 26 Eye woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme.+ 27 Ke nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe kple ame sia ame si wɔa ŋunyɔnu hekaa aʋatso la mage ɖe eme akpɔ o;+ negbe ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nya siwo ŋu kakaɖedzi le.\"\n^ Alo, \"A kple Z.\" Alfa kple Omega nye Helagbe me alfabeta ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ kple mamlɛtɔ.\n^ Alo, \"femaxee.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Nya%C9%96e%C9%96efia\/21\/","date":"2022-01-23T06:57:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304134.13\/warc\/CC-MAIN-20220123045449-20220123075449-00645.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992368221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992368221282959}","num_words":720,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɛ̃. Mí Yehowa Ðasefowo katã míedzea agbagba be míaɖe mawunyadɔgbedelawo alo dutanyanyuigblɔlawo ƒe gbɔgbɔ afia afi ka kee míeɖale o, eye míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na ame siwo míedoa goe la edziedzi.—Mateo 28:19, 20.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo aɖewo ʋuna yia woƒe dukɔa ƒe akpa siwo amewo mese Biblia me nya nyuia le kpɔ o la. Ðasefo bubu aɖewo hã ʋuna yia duta be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Dzi dzɔa wo be yewo hã yewole akpa aɖe wɔm le nya si Yesu gblɔ ɖi be \"mianye nye ɖasefowo . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke\" la me vava me.—Dɔwɔwɔwo 1:8.\nLe ƒe 1943 me la, míeɖo suku aɖe be woana hehe tɔxɛ ame siwo anye mawunyadɔgbedelawo alo dutanyanyuigblɔlawo dometɔ aɖewo. Tso ƒe ma me la, Ðasefo 8,000 kple edzivɔwoe de suku sia si woyɔna be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/mawunyad%C9%94gbedelawo-%C9%96e-duta\/","date":"2022-01-23T04:16:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320303956.14\/warc\/CC-MAIN-20220123015212-20220123045212-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980870485,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980870485305786}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe geɖewoe nye esi wohea nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le esi womelɔ̃na wodoa ʋu na wo o ta. Ale si míewɔna ɖe se si Biblia de be 'woatsri ʋu' dzi eye míegbena be womado ʋu na mí o la hea masɔmasɔwo dea mí kple ɖɔktawo dome ɣeaɖewoɣi, elabe wosusui be ʋudodo ade dɔnɔawo dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:29.\nGake ɖɔkta geɖe va le asi fiam lãmesẽkuxi gbogbo aɖewo siwo ta wòle be woatsri ʋudodo ɖo.\nLe ƒe 2013 ƒe adame la, Stanford Yunivɛsiti Ƒe Atikesrɔ̃suku ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Medicine Magazine ɖe nyatakaka tɔxɛ aɖe ɖe go ku ɖe ʋu ŋu, wona tanya eƒe akpa aɖe be: \"Nuwɔna Si Nu Le Yiyim—Nu Ka Tae Ame Geɖe Megadoa Ʋu O?\" Nyati ma ŋlɔla Sarah C. P. Williams gblɔ be: \"Le ƒe geɖe siwo va yi me la, numekuku geɖewo ɖee fia be wole ʋu siwo amewo nana la dom na ame geɖewo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me wu ale si dze le kɔdzixɔwo kple amekoƒewo siaa.\"\nNyati ma ŋlɔla gblɔ be Ðɔkta Patricia Ford, M.D. si ɖo Atikewɔwɔ Kple Amekoko Ʋumadomadoe Ƒe Dɔwɔƒe si le Pennsylvania Kɔdzi eye wònye edzikpɔla la gblɔ be: \"Susu si xɔ aƒe ɖe atikewɔlawo domee nye be ne ame ƒe ʋu mede agbɔsɔsɔ aɖe koŋ o la, aku godoo, eye be ele be woado ʋu na amea godoo hafi wòate ŋu atsi agbe . . . Esia nye nyateƒe le nɔnɔme aɖewo koŋ me, gake menye nyateƒe le dɔnɔ akpa gãtɔ * gome o.\"\nÐɔkta Ford ame si daa dɔ na Yehowa Ðasefo siwo ade 700 ƒe sia ƒe la gblɔ hã be: \"Atikewɔla geɖe siwo meɖo dze kple la . . . bunɛ vodadatɔe be dɔnɔ geɖewo mate ŋu ahaya o negbe ɖe wodo ʋu na wo. . . . Eye nye ŋutɔ hã mesusui nenema kpɔ. Gake nu si meva nya le ɣeyiɣi kpui aɖe mee nye be woate ŋu azã dɔdamɔnu bɔbɔe aɖewo awɔ dɔ siawo dzidzedzetɔe.\"\nLe August 2012 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Archives of Internal Medicine ɖe nu siwo ŋu woke ɖo le numekuku si wowɔ tso dzikoko na ame ŋu le kɔdzi aɖe ƒe 28 sɔŋ la ɖe go. Yehowa Ðasefowo hayana kaba wu ame bubu siwo lé dɔ mawo tɔgbi siwo wodo ʋu na. Dɔdadamekuxi sesẽ ʋɛ aɖewo koe doa mo ɖa le Ðasefoawo gome ne wowɔ dɔ na wo, woƒe lãme tea ŋu sẽna kaba, eye wo dometɔ siwo nɔa agbe ƒe 20 kple edzivɔwo le dɔwɔwɔ na wo megbe ƒe agbɔsɔsɔ sɔ kple ame siwo wodo ʋu na tɔ.\nNyati aɖe si dze le The Wall Street Journal me le April 8, 2013 dzi la gblɔ be: \"Dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe (si fia be woawɔ dɔ na amea evɔ womado ʋu si ame aɖe na la nɛ o) le edzi yim ƒe geɖewoe nye esia. Ame siwo gbena be womegado ʋu na yewo o le mawusubɔsubɔnyawo ta lae wowɔa dɔ sia na. Fifia kɔdzi geɖewo va le dɔ wɔm na amewo ʋumadomadoe . . . Amekola siwo kafua dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe vevie la gblɔ be dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe nana be womegagblẽa ga ɖe ʋuƒeƒle, edzadzraɖo, asitɔtrɔ le eŋu, edodo kpɔ kple edodo na amewo ŋu o, eye wòwɔnɛ hã be dɔnɔwo ƒoa asa na dɔxɔxɔ le ʋudodo me kple lãmesẽkuxi siwo dona tso ʋudodo me siwo wɔnɛ be wotsia kɔdzi eteƒe didina la siaa.\"\nMewɔ nuku o be Robert Lorenz ame si nye ame siwo kpɔa ʋunyawo gbɔ le Cleveland Kɔdzi ƒe amegã gblɔ be: \"Ne èdo ʋu ne dɔnɔ aɖe la, àse le ɖokuiwò me enumake be yele kpekpem ɖe eŋu . . . Gake nu siwo va dona tso eme emegbee ana nàkpɔe kɔtɛe be yemekpe ɖe amea ŋu kura o.\"\n^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye \"Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi—Nu Ka Tae Mielɔ̃na Wodoa Ʋu Na Mi O?\" be nàkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo bua ʋui.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butifafa-dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/%C5%8Butil%C3%A3mel%C3%A3mes%E1%BA%BD-kple-susumel%C3%A3mes%E1%BA%BD\/%CA%8Budodo\/","date":"2022-01-21T19:26:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320303709.2\/warc\/CC-MAIN-20220121192415-20220121222415-00671.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994345903,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994345903396606}","num_words":619,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 287\nStanza 1\nWotsɔa nu vɔ̃wo kena;\nAgbenya enye esia\nNa me si le nu xam.\nYesu ta wotsɔe kena,\nLe eƒe ŋkɔ dzi wowɔa\nMawu ƒe ŋugbedonya dzi\nStanza 2\nMawu lɔ̃ xexe la me,\nTsɔ eƒe Tenuvi kee;\nWoŋlɔ nya sia ɖi nam.\nNye hã mate ŋu akpɔ\nNye nu vɔ̃ ƒe tsɔtsɔke.\nMexɔe se be, wotsɔ wo kem!\nStanza 3\nNye nudidi vevitɔ\nNye be, makpɔ vɔ̃keke,\nEkema maku faa.\nNe meku ɖe nu vɔ̃ me\nHekpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ la,\nAle ke woanɔ nam mahã?\nStanza 4\nFifia koe nye xɔxɔgbe,\nBe miavo tso nu vɔ̃ me\nAdi ŋutifafa,\nBe miaɖe miaƒe luʋɔ,\nAkpɔ agbe mavɔ la\nLe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ta.\nStanza 5\nNa be akɔfafa sia\nMagabu ɖem akpɔ o,\nBena nèxɔm vavã!\nNe meyɔ wò ŋkɔ dzi la,\nWo Gbɔgbɔ nafa 'kɔ nam Bena wòe lɔ̃m le Yesu ta!\nStanza 6\nNe mele dzodzo ge la,\nNàde dzi ƒo nam bena,\nNèkpɔ nublanui nam!\nLe Yesu dzi xɔxɔse\nKple mɔkpɔkpɔ gbagbe me\nMadzo le ŋutifafa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-287\/","date":"2022-01-28T11:35:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00322.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996502459,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965024590492249}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 254\nStanza 1\nHaleluya, Kwasiɖa ɖo!\nKwasiɖa 'nye dzudzɔgbe;\n'Gbagbadzedze mele 'me o,\nEgbe Mawu ƒe ŋu ke,\nKwasiɖa la ƒe ɖoɖo\nNa dzidzɔ mí fũ ŋutɔ.\nStanza 2\nEgbe míawɔ dɔa-ɖeke o,\nMawu ƒe nya ko míase;\nMíele nu bubu di ge o,\nNegbe gbɔgbɔnuwoko.\nYesu ƒe agbenya la\nAɖi ƒo na mí luʋɔ.\nStanza 3\nYesu, va, ʋu míaƒe towo,\nNàdzra míaƒe dzigbɔ ɖo;\nNa ŋusẽ kple dziɖeƒo mí,\nWò nya nana dzidzɔ mí!\nNe wò nya ƒe ɖiɖi la\nNaɖi ɖe mía dzi me ɖa!\nStanza 4\nYra wò dɔlawo hã ƒe nya,\nFia nu si woagblɔ la wo!\nBla nu kple ame siwo va,\nBe woase wò nyanyui la!\nXɔ míaƒe gbedodoɖa\nKple míaƒe hadzidzi hã!\nStanza 5\nNa wò nyanyui la nakaka\nTso ƒuta yi ʋe me ke!\nNàɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa,\nBene mía dome nafa!\nNe wò ŋkeke gã ɖo la,\nMíaɖu dzudzɔgbe la ɖaa!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-254\/","date":"2022-01-28T12:49:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00226.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977622628,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977622628211975}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2003 'Subɔsubɔha Vavã' Ðeka Koe Lia? Kristotɔwo ƒe Xɔseha Vavã Ðeka La—Eli Ŋutɔŋutɔ Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le Xaxaɣiwo Kafu Yehowa \"le Amehawo Dome\" Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ðe Nèbua Haxɔsetɔ Tsitsiwo Ame Veviwoea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030901\/","date":"2022-05-16T12:08:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662510117.12\/warc\/CC-MAIN-20220516104933-20220516134933-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.990529418,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9905294179916382}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.201,"stopwords_ratio":0.111,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ Tɔmenyi Gã Wɔnuku la Ða!\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ\nƔE SI nɔ to ɖom la klẽ ɖe ta gã si le Masai Mara-ve gã si me Womedaa Ade le O si le Kenya la dzi hẽ. Esi ɣea ge ɖe alilikpoa te le ɣetoɖoƒe ɖaa la, eklẽ ɖe taa dzi hẽ wònya kpɔ ale gbegbe. Gbetedzi kple klatsawo nɔ ha me nɔ zɔzɔm blewu blewu gbɔna wòsusɔ meta ʋɛ aɖewo ko woaɖo taa gbɔ. Kasiaa dzidzi ƒo lãawo wotɔ zi ɖeka kplo, hefɔ ŋku ɖe nane si le abe agakpe gã nogo aɖe ene, si ho ɖe tsia dzi le taa ƒe kɔto lɔƒo la dzi gãa. \"Agakpe nogoa\" blu tsia gbodogbodo ko hedo ɖi vĩ. Tɔmenyi—si nye tsimelã dziŋɔ aɖee nye ma lãawo kpɔ.\nTa kple tɔsisiwo mee wokpɔa tɔmenyi le le ɣedzeƒe Afrika, eye atiglinyi koe nye lã si lolo wui. Ne tɔmenyi tsi la, eƒe didime te ŋu gbɔa meta 4 ŋu eye eƒe kɔkɔme ɖona meta 1.5. Eƒe kpekpeme ade tɔn ene. Ame geɖe bui be \"Behemoth\" si woyɔ le Biblia-gbalẽ si nye Hiob me le Eŋlisigbe me lae nye tɔmenyi. Mewɔ nuku o be Biblia ɖɔ lã gã sia be eƒe ƒuwo le abe \"akɔbliyetiwo\" ene, eye wòtsɔ wo sɔ kple \"gakpɔti.\"—Hiob 40:15-18.\nNe tɔmenyi ŋutigbalẽ titritɔ, fumanɔŋui, si dze nugbodogbodowɔla, si le abe gago ene la ayi tugbehoʋliƒe gbeɖeka la, maɖu dzi akpɔ o. Tɔmenyi ƒe afɔwo le kpuie ale gbegbe be ɖeko nàbia be afɔ kpui siawoe le agba gã sia tsɔm hã. Ke hã, mègabu afɔ kpotoe mawo ƒe ŋusẽ nu tsɛe o. Ne tɔmenyi le gota la, amegbetɔ megogoe le duƒuƒu me kura o. Ne ele tsi me la, wonyae be edzena le tɔdziʋu sue si kum wole kple akɔfa alo esi kum wole kple mɔ̃ gɔ̃ hã ŋu.\nAgbenɔnɔ le Tsiteƒewo\nLã siwo zɔna le hamee tɔmenyi nye, eye togbɔ be wokpɔ tɔmenyiwo ƒe ha gã siwo me tɔmenyi ɖekaɖeka 150 lɔƒo nɔ kpɔ hã la, zi geɖe la, tɔmenyi 10 yi 15 ye nɔa ƒuƒoƒo me, eye tɔmenyitsu tsitsi ɖeka nɔa wo ŋgɔ. Wonɔa tɔ me kple godzi siaa, eye tɔmee wodona tsona—le zã me koŋ—va ɖua tɔtogbe damawo. Zi geɖe la, womeyia adzɔge ʋĩ tsoa tsia gbɔ o. Gake le kuɖiɣi la, wonya be tɔmenyi aɖewo zɔna kilometa 10 ɖadia nuɖuɖu.\nAlesi tɔmenyiwo dea dzesi wo nɔƒewo mele nyanya tututu o. Ame aɖewo bu be alesi tɔmenyi tsɔa eƒe asike nɔa eƒe mĩ hlẽmee si wɔ moya ŋutɔ la nye mɔ si dzi tɔmenyitsu tona wɔa akɔ le tɔmenyinɔ ŋkume loo alo be wòatsɔ anya tɔmenyitsu bubu si le nyɔnu ʋlim kplii la ɖa. Ne wodze wo dzi la, woxlɔ̃na abe sɔ ene, eye ne wole dzre wɔm la, woxlɔ̃na alo ɖea gbe. Ne wole tɔ gɔme gɔ̃ hã la, woƒe gbɔgbɔ fuxefuxe ɖina sesĩe wosena. Tɔmenyitsu ŋgɔnɔlaa yɔa etɔwo wòɖina be MŨ-Mũ-mũ.\nTɔmenyi te ŋu doa ɖi ganɔa eɖokui hom ɖe dzi le ŋkeke bliboa me, eye wòsɔna na eƒe ŋutilã gã la ale gbegbe. Togbɔ be tɔmenyi mabi ɖe tsiƒuƒu me nyuie abe lã bubu siwo hã nɔa tɔ me ganɔa godzi ene o hã la, ate ŋu ado ɖi miniti 15! Eƒe ŋɔti, ŋkuwo, kple towo le eƒe ta ƒe ŋgɔdze, si na wòte ŋu nyrɔa eƒe ŋutilã ƒe akpa mamlɛ bliboa katã ɖe tsi gɔme. Tɔa gɔme afimae tɔmenyi wɔa eƒe nu geɖe le—nyɔnu didi kple asiyɔyɔ siaa.\nTɔmenyi tsɔa fu ɣleti enyi lɔƒo, eye vi ɖeka koe wòdzina ɖe tsi si megoglo fũ o me. Enaa no via le godzi loo alo le tsi si se afɔkɔe me. Togbɔ be tɔmenyi sesẽ ale gbegbe hã la, mefena kple via dzikpɔkpɔ kura o, eléa be na via lɔlɔ̃tɔe wòwɔa nuku ŋutɔ. Le nyateƒe me la, tɔmenyi vinɔ si tsɔ via ɖe mè tsɔ le tsi ƒumee la nyea nukpɔkpɔ dzeani. Gake ɖeko ame aɖeke meka tse be yeaɖe ɖevia le mè nɛ o, lã ma si dze abe ɖe mewɔa adã ene o la ƒe nuwɔƒe mekɔna o!\nTɔmenyi ƒe ŋutigbalẽ de edzi ŋutɔ na tsimenɔnɔ. Gake ne eva gota la, tɔtrɔ ɖedzesiwo dzena le eŋu. Lãmenugbagbevi siwo le eƒe ŋutigbalẽ te la tua tsi dzẽ lahẽ aɖe si me dze le ŋutɔ ɖona ɖe eƒe ŋutigbalẽ ŋu. Ne èkpɔ lãa le adzɔge la, tsi si nugbagbeviawo tu ɖo ɖe ŋutigbalẽa ŋu ƒe amadede naa wòdzena abe ɖe fifia si tɔmenyia dze nye ʋu ene. Gake ɖe tsi dzẽa kpɔa eƒe ŋutigbalẽ ta le tsi me kple gota siaa. Le blema Afrika-duwo me la, wolãa tɔmenyi-gbalẽ wònyea ka lɛlɛlɛ henyrɔ nɛ ɖe ami me. Emegbe wotroa wo hesiaa wo woƒuna wotsɔna wɔa atam dziŋɔwo wozãna le anyigbaʋliʋawo me. * Grzimek's Animal Life Encyclopedia gblɔ be le tɔmenyigbalẽa wɔwɔ nenema—si xɔa ƒe ade ya teti—megbe la, \"eva sẽna abe kpe ene hetrina sentimeta ene kple afã lɔƒo.\"\nAlesi Wòkea Nu mee la Wɔa Dɔ Ðe Ame Dzi Gadzia Ŋɔ\nLe nyateƒe me la, tɔmenyi ƒe nu nye eƒe ŋutilã ƒe akpa si wɔa dɔ ɖe ame dzi wu bubu ɖesiaɖe. Ne ele gota la, etsɔa eƒe nu si keke meta afã daa gbee le teƒe si te ɖe tsi ŋu. Ke hã, menye nu koe wòɖuna kple eƒe nua o. Ne tɔmenyi ke eƒe glã wòkeke degree 150 la, menye ɖe wòkee gbadzaa dzodzro o, ke boŋ adã si ɖo tame nɛ enye ma ɖem fia wòle ŋɔdzitɔe. Wo nɔƒe si yi edzi le tsɔtsrɔ̃m la ta ʋiʋli nye aʋa gã aɖe le woa kple wo dzi dzelawo dome. Ne eke nu la, eƒe ŋgɔgbeɖu tsũea te tɔ gãwo dzena. Eɖokui taʋlinu siawo te ŋu didina sentimeta 30 tso eƒe aɖulã nu.\nAfɔku le tɔmenyi ƒe nu ŋu ŋutɔ, menye na tɔmenyi bubuwo ko o, ke boŋ na amegbetɔwo hã. Agbagba ɖesiaɖe si amegbetɔwo dze be yewoanɔ anyi kple tɔmenyiwo le ŋutifafa me medze edzi o. Edzea amesiame si ate kpɔ be yeate ɖe enɔƒe ŋu kplikplikpli akpa la dzi ge madimadi le eŋui gɔ̃ hã. Gawu la, tɔmenyi gawɔa adã wu ne exɔ abi, eye ate ŋu atu nu kple nusianu si te ɖe eŋu la kutɔkutɔe. Tɔmenyi si do dziku tsɔa eƒe nu gã la nyrɔ tɔdziʋuwoe gɔ̃ hã.\nAlesi tɔmenyi wɔa adã le tɔ mee la, nenemae wòwɔna le godzi hã. Le kpɔɖeŋu me, enye afɔku gã ŋutɔ be woanɔ afisi tɔmenyi le gbe ɖum le kple tsi si me wòdo le la dome. Le nyateƒe me le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, tɔmenyiwo dze kɔƒemenɔla siwo xe mɔ si dzi wotona yia tsi gbɔ la le manyamanya me la dzi. Tɔmenyi dea vɔvɔ̃ amegbetɔ kple lãwo siaa me, eye ele be woawɔ nu kplii le ŋuɖɔɖo kple bubu gã me.\nÐe Tɔmenyi Atsi Agbea?\nNe tɔmenyi ɖeka ɖale gbe ɖum le gota la, dzatawo ate ŋu adze edzi bɔbɔe. Ke hã, edze abe tɔmenyi ƒe futɔ gãtɔ kekeakee nye amegbetɔ ene. World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Amewo na tɔmenyiwo ƒe xexlẽme kple wo nɔƒe ƒe lolome siaa dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe. Adelãwo wu tɔmenyi gbogbo aɖewo, eye agbledelawo trɔ teƒe siwo nye wo nɔƒe tsã zu agbledeƒewoe.\"\nẼ, tɔmenyiwo nɔƒe siwo amegbetɔwo va xɔ la na teƒe sue aɖe koe susɔ na wo, eye wòdoa kplamatse woƒe ablɔɖe be woaɖi tsa ahadzi la vevie. Dzidzɔtɔe la, Wɔla la do ŋugbe be le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, yeakpɔ amegbetɔwo kple lãwo dome nyawo gbɔ, ale be ame aɖeke 'mawɔ vɔ̃ aɖeke alo ahe gbegblẽ' ava anyigba dzi Paradiso si wogbugbɔ ɖo te la dzi o.—Yesaya 11:9.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 11 Swahiligbe me ŋkɔ si woyɔna na tɔmenyi si nye—kiboko—gɔmee nye \"atam.\"\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]\nElizabeth DeLaney\/Index Stock Photography","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/Kp%C9%94-T%C9%94menyi-G%C3%A3-W%C9%94nuku-la-%C3%90a\/","date":"2022-05-24T15:06:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662573053.67\/warc\/CC-MAIN-20220524142617-20220524172617-00427.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987890124,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987890124320984}","num_words":1261,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yoel\nƒe agbalẽ\n1\n1 Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.\nƲetsuviwo ƒe vava\n2 Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo!\nMi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa.\nLe miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe,\nmiese nya sia tɔgbi kpɔa?\n3 Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe\neye woawo hã nagblɔe na wo viwo\nne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.\n4 Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la,\nʋetsuviwo aɖui,\nnu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la,\nʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la,\nabɔwo aɖui.\n5 Minyɔ, mi ahanomunɔwo,\nne miafa avi hehehe,\nmi waintsunolawo,\nmifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me,\neye miagakpɔ wain yeye ano o!\n6 Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi.\nŊɔdzi le wo ŋu ŋutɔ\neye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o,\nevɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo\nkple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!\n7 Wogblẽ nye waingble dome.\nWogblẽ nye gbotiwo,\nwokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.\n8 Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si\nƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.\n9 Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso;\nale dɔwuame to na nunɔlaawo\nkple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me\neye wole konyi fam.\n10 Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla,\nbliwo dome gblẽ,\nwain yeye megali o, eye ami hã nu tso.\n11 Azɔ mi agbledelawo,\ndzika netso mia ƒo, eye mialulũ,\nmi waingbledelawo,\nmifa avi sesĩe.\nMifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta\nelabena nuŋeŋe nu tso le agble me.\n12 Wainkawo ku, gboti yrɔ,\nyevuboɖatiwo ƒu,\ndetiwo kple atɔtɔŋutiwo\nkple agblemetiwo katã kura hã ku.\nAmegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.\nYɔyɔ hena dzimetɔtrɔ\n13 O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu.\nMifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ,\nmitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã,\nmi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume.\nElabena womagatsɔ nuɖuvɔsa\nkple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.\n14 Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe\neye miyɔ takpekpe tɔxɛ.\nMiyɔ ame tsitsiwo\nkple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la\nƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.\n15 O ŋkeke ma!\nElabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.\nAva abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.\n16 Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ\nkple aseyetsotso le miaƒe Mawu la\nƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?\n17 Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me,\nblivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu\neye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.\n18 Nyiwo le ŋeŋem,\nnyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe,\nelabena nuɖuɖu meli na wo o,\neye alẽhawo le fu kpem.\n19 Yehowa, xɔ na mí!\nElabena dzo bi gbe damawo,\neye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.\n20 Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo,\nelabena tsi mie le tɔʋuwo me,\ndzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JOL01.htm","date":"2022-05-19T12:49:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00741.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987373948,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987373948097229}","num_words":477,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mika\nƒe agbalẽ\n1\n1 Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.\n2 Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia,\nwò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa;\nAƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me\neye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!\nƲɔnudɔdrɔ̃ Samaria kple Yerusalem\n3 Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe!\nEɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.\n4 Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te,\neye balimewo ma le eŋgɔ\nabe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene;\nabe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.\n5 Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta,\nele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta.\nNu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea?\nƉe menye Samariae oa?\nNu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo?\nƉe menye Yerusalem ye oa?\n6 \"Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo,\nale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã.\nMalɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime\neye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.\n7 Woagbã eƒe legbawo gudugudu\neye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me.\nAle matɔ dzo eƒe legbawo katã.\nElabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui\neye gboloho woagazu.\"\nKonyifafa kple avifafa\n8 Le esia ta mafa avi ado ɣli;\nmaɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu.\nMaxlɔ̃ abe amegaxi ene,\neye mafa konyi abe adzexe ene,\n9 elabena Yuda ka abi makumaku.\nAbi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke,\nva ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã.\n10 Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o.\nKe mibliba mia ɖokuiwo ɖe\nke me le Bet Ofra.\n11 Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me;\nmi Zaanantɔwo miadzo o.\nBet Ezel le konyi fam eya\nta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.\n12 Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke,\ngake vevesese koe le wo lalam,\nelabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va\nkeke Yerusalem ƒe agbo nu.\n13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo\nɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu.\nWòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe\nelabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.\n14 Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ.\nAkzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.\n15 Mi ame siwo le Maresa,\nmakplɔ aʋakɔ aƒu mi,\nwoaɖu mia dzi,\nale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.\n16 Lũ ta kolikoli nàfa konyi\nelabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe.\nLũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene,\nelabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/MIC01.htm","date":"2022-05-19T12:19:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00741.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986768961,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986768960952759}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 15, 2002 Nukae Dzɔ ɖe Hell ƒe Dzoa Dzi? Nuka Tututue Nye Hell? \"Mina Míawɔ Nu Nyui na Amesiame\" Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me Woyia Edzi Zɔna Le Nyateƒea Me Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Miƒã Dzɔdzɔenyenye, Mixa Mawu ƒe Amenuveve","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020715\/","date":"2022-05-27T19:09:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662675072.99\/warc\/CC-MAIN-20220527174336-20220527204336-00500.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971512556,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997151255607605}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zefania\nƒe agbalẽ\n1\n1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.\nNuxɔxlɔ̃ amewo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋuti\n2 \"Makplɔ nu sia nu si\nle miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.\"\nYehowae gblɔe.\n3 \"Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa;\nMatsrɔ̃ dziƒoxeviwo\nkple lã siwo le atsiaƒu me la hã\nkple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.\"\n\"Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã\nle anyigba dzi,\"\nYehowae gblɔe.\nNugbeɖoɖo ɖe Yuda ŋu\n4 \"Mado nye asi ɖe Yuda\nkple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ.\nMaɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia;\nmaɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla\nsiwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,\n5 ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo,\nhekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa,\ngake wogakaa atam na Molek,\n6 kple ame siwo trɔ le Yehowa yome,\neye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.\"\n7 Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume,\nelabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.\nYehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame\nsiwo wòkpe la hã ŋuti.\n8 \"Le Yehowa ƒe vɔsagbea la,\nmahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo,\nkpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo.\n9 Le ŋkeke ma dzi la,\nmahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui\nsiwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me\nkple ŋutasesẽ kple beble.\"\n10 Yehowa be:\n\"Le ŋkeke ma dzi la,\navifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu,\nasiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia,\neye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi.\n11 Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me,\nmiaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃,\neye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.\n12 Le ɣe ma ɣi me la,\nmasi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo\nle Yerusalem ahe to na wo,\name siwo le abe wain ƒe aƒe ene,\neye wogblɔ le woƒe dzi me be,\n'Yehowa mawɔ naneke mí,\neɖanye nyui alo vɔ̃ o.'\n13 Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe,\nwoagbã woƒe aƒewo,\nwoatso aƒewo, ke womanɔ wo me o,\nwoade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.\"\nYehowa ƒe ŋkeke gã la\n14 Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ,\negbɔna kpuie.\nMiɖo to,\nle Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la,\nwoado ɣli kple vevesese,\naʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.\n15 Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi;\nanye hiãgbe kple xaxagbe,\nanye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe.\nŊkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe,\nafu kple tsizidogbe,\n16 Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe,\nɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe\nkple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu.\n17 \"Mahe xaxa va ameawo dzi,\neye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene,\nelabena woda vo ɖe Yehowa ŋu.\nWoƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene,\neye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene.\n18 Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la,\nwoƒe klosalo alo sika\nmate ŋu aɖe wo o.\"\nYehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo\nafia xexea me katã,\nelabena atsrɔ̃ ame siwo katã\nle anyigba dzi la kpata.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/ZEP01.htm","date":"2022-05-19T11:50:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00067.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988308549,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988308548927307}","num_words":506,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukatae Nànye Nufiala?\n\"Nufiala geɖe tia dɔwɔɖui sia elabena enye kpekpeɖeŋunadɔ. [Nufiafia nye] asitɔtrɔ le ɖeviwo ƒe agbe ŋu tsɔtsɔ ɖo ame ɖokui dzi.\"—Teachers, Schools, and Society.\nTOGBƆ be nufiala aɖewo naa nufiafia dzena nu bɔbɔe hã la, kplamatsedonu geɖe ate ŋu anɔ eme—akɔkpekpe kple sukuvi gbogbowo ƒe sukuxɔ ɖeka me nɔnɔ, agbalẽdɔ geɖe wɔwɔ, dɔwɔɖoɖo geɖe si tea ɖeɖi ame ŋu, sukuviwo ƒe nu mabumabu, kple fetu madeŋgɔ. Pedro, si nye nufiala le Madrid, Spain gblɔe ale: \"Nufiala nyenye mele bɔbɔe kura o. Ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ geɖe. Togbɔ be kuxiwo le eŋu hã la, megabua nufiafia be enye dɔ si me dzidzeme le wu asitsadɔwo.\"\nGbetɔamea nu agate ŋu asẽ le dugã me sukuwo me le dukɔ akpa gãtɔ me. Atikevɔ̃ɖiwo zazã, nuvlowɔwɔ, mɔɖeɖe ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, kple ɣeaɖewoɣi dzilawo ƒe ŋumaɖɔmaɖɔɖo gblẽa nu le sukuwo ƒe dedienɔnɔ kple amehehe ŋu. Aglãdzedze ƒe nɔnɔmewo bɔ ɖe afisiafi. Ekema nukatae ame geɖe siwo bi nyuie la tianɛ be yewoazu nufialawo?\nLeemarys kple Diana nye nufialawo le New York City. Wofiaa nu abɔdzokpoviwo kple ɖevi siwo xɔ va ɖo ƒe ewo. Wo katã nye amesiwo doa gbe eve nyuie (Eŋlisigbe kple Spaingbe) eye ɖevi siwo nye Spaingbedolawo koŋ wofiaa nui. Míaƒe nyabiabia enye . . .\nNukae Ʋãa Nufiala?\nLeemarys gblɔ be: \"Ðe miebe nukae ʋãam hã? Lɔlɔ̃ si le asinye na ɖeviwoe? Menyae be le ɖevi aɖewo gome la nye koe le alɔ dom wo le woƒe agbagbadzedzewo me.\"\nDiana gblɔ be: \"Mefia nu tasiyɔvinye si xɔ ƒe enyi, amesi nu menya srɔ̃na na le suku o—vevietɔ nuxexlẽ. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ eya kple ame bubuwo le nu srɔ̃m! Eyata metso nya me be mafia nu, eye medzudzɔ dɔ si wɔm menɔ le gadzraɖoƒe.\"\nNyɔ! bia nya siawo tɔgbe ke nufialawo le dukɔ geɖewo me, eye nyaŋuɖoɖo siwo gbɔna nye wo dometɔ aɖewo.\nGiuliano, si nye Italytɔ si le eƒe ƒe 40-awo me gblɔ be: \"Metia dɔ sia elabena edoa dzidzɔ nam esime menye sukuvi (le ɖusikpadzi). Mebui be enye aɖaŋudɔ kple dɔ si me mɔnukpɔkpɔ geɖe asu ame si woade dzi ƒo na ame le. Dzo si nɔ menye ɖe eŋu le gɔmedzedzea me na mete ŋu ɖu kuxi siwo medo goe le nye dɔa ƒe gɔmedzedze me dzi.\"\nNick, si tso New South Wales, Australia gblɔ be: \"Atikewo ŋuti numekuku dɔ si menya la kpɔkpɔ awɔ sesẽ, gake mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔ nufiafiadɔ ya me. Mekpɔe be nufiafia vivia nunye tso ɣemaɣi, eye edze abe sukuviawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe alesi mefiaa nu wo hã ŋu ene.\nZi geɖe la, dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nye nusi koŋ kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo tia nufiafiadɔ la dzi. William, si tso Kenya, ɖo míaƒe nyabiabia ŋu ale: \"Fofonye, si nye nufiala tso ƒe 1952 me ke la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe didi si nɔ menye ɖe nufiafia ŋu la dzi. Enyanya be mele asi trɔm le ɖeviwo ƒe susuwo ŋu nye nusi na melé ɖe dɔ sia ŋu.\"\nRosemary, si hã tso Kenya, gblɔ na mí be: \"Enyea nye didi ɣesiaɣi be makpe ɖe amesiwo dzi nu mede tututu o la ŋu. Eyata tiatia wɔwɔ le dɔnɔdzikpɔkpɔ kple nufiafiadɔ me dze ŋgɔm. Nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔe va gbã. Dzila si menye hã na alesi melɔ̃ dɔae sẽ ɖe edzi.\"\nSusu bubue nɔ Berthold, si tso Düren, Germany si ɖe nufiafia ŋu: \"Srɔ̃nyee ka ɖe edzi nam be mate ŋu ava zu nufiala nyui.\" Eye wòva eme abe alesi wògblɔe ene. Egblɔ kpee be: \"Fiafia nye dɔa naa mekpɔa dzidzɔ geɖe. Nenye be nufiala menya asixɔxɔ si le agbalẽsɔsrɔ̃ me o eye metsɔa ɖeke le eme na ɖeviwo o la, mate ŋu ava zu nufiala nyui, kpɔ dzidzedze, si me dzo le, hekpɔa dzidzɔ o.\"\nJapantɔ nufiala, Masahiro, si tso Nakatsu Dugã me, gblɔ be: \"Nusi ʋãm meva zu nufialae nye nufiala bibi aɖe si nɔ asinye esime menɔ titinasuku ƒe ƒe gbãtɔ me. Etsɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ blibo fia nu mí. Eye susu vevi si na meyi ɖe nye dɔa wɔwɔ dzi enye be melɔ̃ ɖeviwo.\"\nYoshiya, si xɔ ƒe 54 fifia si tso Japan la nɔ dɔ si ŋu fetu nyui le la wɔm le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe me gake eva kpɔe be yeva zu kluvi na dɔa kple mɔzɔzɔ. \"Megblɔ le ɖokuinye me gbeɖeka be, 'Ɣekaɣie mayi edzi anɔ agbe sia nɔnɔ dzi?' Metiae be madi dɔ si ana woawɔ nu kple amewo wu nuwo. Nufiafia le etɔxɛ. Awɔ dɔ kple sɔhɛwo. Enye kpekpeɖeŋunana amewo ƒe dɔ.\"\nValentina, si tso St. Petersburg, Russia, hã kpɔ ŋudzedze ɖe nufiafia ƒe akpa ma ke ŋu. Egblɔ be: \"Nufiafia nye dɔ si nyo nam. Menye gɔmedzesuku nufiala ƒe 37 sɔŋ enye sia. Dɔwɔwɔ kple ɖeviwo, vevietɔ esiwo metsi o la doa dzidzɔ nam. Melɔ̃ nye dɔa, eyatae nyemexɔ dzudzɔ haɖe o.\"\nWilliam Ayers, si hã nye nufiala, ŋlɔ be: \"Woyɔa ame geɖewo be woava fia nu elabena wolɔ̃a ɖeviwo kple sɔhɛwo, alo wodina be yewoanɔ wo gbɔ, yewoanɔ wo kpɔm esime wole tsitsim hele ŋusẽm, hele bibim, hele ame sẽŋuwo zum le xexeame. . . Amewo fiaa nu . . . wònyea ameɖokui tsɔtsɔ na ɖe ame bubuwo ta. Mefiaa nu kple mɔkpɔkpɔ be xexeame nanyo ɖe edzi.\"\nẼ, togbɔ be kuxiwo kple kplamatsedonuwo li hã la, nyɔnu kple ŋutsu akpe geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo ke la lɔ̃na wɔa nufiafiadɔ. Nukawoe nye gbetɔame sesẽ siwo wodoa goe dometɔ aɖewo? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiabia ma ŋu.\n[Aɖaka si le axa 6]\nAɖaŋuɖoɖowo Hena Nufialawo Kple Dzilawo Dome Ƒomedodo\n✔ Midze agbagba mianya dzilawo. Esia menye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Enye ɣeyiɣi ŋudɔwɔwɔ si aɖe vi na mi katã. Enye mɔnukpɔkpɔ si dzi nàte ŋu ato aɖo ƒomedodo anyi kple amesiwo ate ŋu anye wò kpeɖeŋutɔwo.\n✔ Ƒo nu na dzilawo le ɖoƒe si le wo si nu—mègada wo ɖe anyi alo axɔ nya aƒu akɔ o. Ƒo asa na nya gã siwo nufialawo zãna.\n✔ Ne èle nu ƒom tso ɖeviawo ŋu la, te gbe ɖe nya tuameɖowo dzi. Amekafukafu wɔa dɔ geɖe wu ame dada ɖe anyi. Gblɔ nusiwo dzilaawo ate ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe ɖevia ŋu be wòakpɔ dzidzedze.\n✔ Na dzilawo naƒo nu, eye nàɖo to nyuie.\n✔ Dze agbagba nàse nɔnɔme siwo me ɖevia le le aƒeme la gɔme. Ne anya wɔ la, ɖi tsa yi aƒea me.\n✔ Ðo ɣeyiɣi ɖi ɖe sasrãkpɔ evelia ŋu. Tɔtrɔ ayi ake le vevie. Eɖenɛ fiana be ètsɔ ɖe le eme nyateƒe.—Wotui ɖe agbalẽ si nye Teaching in America dzi.\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\n'Fofonye hã nye nufiala.'—WILLIAM, KENYA\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\n\"Mekpɔa dzidzɔ ɖe nufiafia ɖeviwo ŋu.\"—VALENTINA, RUSSIA\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]\n\"Nufiafia le etɔxɛ. Àwɔ dɔ kple sɔhɛwo.\"—YOSHIYA, JAPAN","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/Nukatae-N%C3%A0nye-Nufiala\/","date":"2022-05-27T13:22:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662647086.91\/warc\/CC-MAIN-20220527112418-20220527142418-00301.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988438487,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988438487052917}","num_words":1079,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔhɛwo Biana Be . . .\nAleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo?\n\"Edo dziku vevie ŋutɔ. Mebui be esi wòkpɔ be menye ɖevi ta, edi be yeaƒom. Esi menɔ sisim la, megblɔ be: 'Tɔ gbɔ! Lala gbɔ! Lala gbɔ! Nukatae nèdi be yeaƒom ɖo? Nyemewɔ naneke ɖe ŋuwò o. Nyemenya nusi tae nèdo dzikua ɖo o. Míate ŋu aƒo nu tso eŋua?'\"—David, si xɔ ƒe 16.\nÐE ANYRAWƆLA aɖe do dziku ɖe ŋuwò kpɔa? Biblia gblɔe ɖi be amewo lanye \"ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o\" le egbeŋkekeawo me. (Timoteo II, 3:3) Eye togbɔ be àdze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui be yeaƒo asa na 'hadede kple dɔmedzoetɔ kple dzikutɔ' hã la, màte ŋu aƒo asa na dzikudolawo ɣeaɖewoɣi o. (Lododowo 22:24) Aleke wòle be nàwɔ nui ne èdo go nɔnɔme mawo tɔgbe?\nAlesi Nàwɔ Nu ɖe Dziku Nui\nEgbea, sɔhɛ geɖe ado dziku atsɔ aɖo dziku teƒee. Gake ɖeko nusia wɔwɔ hea vevesese geɖe vɛ. Gakpe ɖe eŋu la, ɖokuiwò dzi maɖumaɖu ana mía kple amesi le dzikua dom la míasɔ. Lododowo 26:4 gblɔ be: \"Megaɖo nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nasɔ kplii o.\" Sɔhɛ aɖe si nye Jeremy srɔ̃ nya sia ƒe nyateƒenyenye le nuteƒekpɔkpɔ sesẽ aɖe me. Eɖo ŋku esime wònɔ anyi ɖe nuɖukplɔ̃ ŋu le suku ale: \"Ŋutsuvi aɖewo nɔ anyi siwo lɔ̃a wo nɔewo kple ame bubuwo koko ɣesiaɣi. Woƒoa nu tso ŋunye edziedzi. Meŋea aɖaba ƒua woƒe nyawo zi geɖe. Gake esi wo dometɔ ɖeka te nuƒoƒo tso danye ŋu la, medo dziku helũ ɖe edzi.\" Nukae do tso eme? Jeremy gblɔ be: \"Eƒom nyuie.\"\nBiblia ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.\" (Lododowo 15:1) Nyateƒee, ɖeko \"gbe da ɖe ame gbɔ\" tsɔtsɔ aɖo dziku nui gblẽa nɔnɔmea ɖe edzi. Ke nyaŋuɖoɖo fafɛ te ŋu naa nuwo nu fana zi geɖe eye wònaa nɔnɔme sesẽ nu fana.\nÐo ŋku David, si míeyɔ va yi le gɔmedzedzea me la dzi. Ete ŋu ble anyrawɔlaa nu wòɖe nusita wòdo dziku la me nɛ. Nya lae nye be ame aɖe fi anyrawɔlaa ƒe ŋdɔnuɖuɖu eye wònɔ dzikua ɖem ɖe ame gbãtɔ si wòdo goe la ŋu. David ɖe nu me nɛ be: \"Ne eƒom la, mazu ŋdɔnuɖuɖu na wò o.\" Emegbe wòdoe ɖa be yewoayi nuɖuɖudzraƒea. David gblɔ be: \"Esi menya amesi le nua dzram le afima ta la, mete ŋu ɖo eƒe ŋdɔnuɖuɖua teƒe nɛ. Ena asim, eye wòwɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kplim tso ema dzi.\" Èkpɔ ŋusẽ si ate ŋu anɔ nya fafɛwo ŋua? Abe alesi lododo aɖe gblɔe ene la, \"aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.\"—Lododowo 25:15.\nTufafa—Gbɔdzɔgbɔdzɔe loo alo Ŋusẽe?\nEnye nyateƒe be, \"aɖe fafɛ\" ƒe amesinɔnɔ ƒe nukpɔsusu madze ame ŋu o. Adze abe enye ŋusẽ ƒe amesinɔnɔ alo ŋutsunyenye be woatsɔ dziku awɔ avu kple dziku ene. Àvɔ̃ kura gɔ̃ hã be ne efa tu la, amewo abui be nègbɔdzɔ ŋutɔŋutɔ. Gake nuka tututue wòfia be woafa tu? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, be woafa tu fia be woagbɔ dzi ɖi. Gake numekugbalẽ ma ke gagblɔ kpee be: \"Ŋusẽ bliboe le dzigbɔɖia yome.\" Eyata le esi teƒe be tufafa nanye gbɔdzɔgbɔdzɔ la, ate ŋu anye ŋusẽ ƒe dzesi. Le mɔ ka nu?\nNusita wòle aleae nye be, ame fatu ɖua eɖokui dzi eye wòdana sɔna bɔbɔe. Le go bubu me la, ame mafatu la dzena abe amesi mele dedie o, amesi ƒo dzi ɖe le, alo amesi tsi dzi gɔ̃ hã ene. Meɖua eɖokui dzi hã o. Esi mete ŋu ɖua eƒe seselelãmewo dzi o ta la, ɖewohĩ anɔ dzre wɔm kple amewo edziedzi. Nyateƒee, \"amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.\" (Lododowo 25:28) Ekema ame fatu la ŋue ŋusẽ le!\nTufafa ƒe Kpɔɖeŋu Siwo le Biblia Me\nBu Yesu Kristo ŋu kpɔ. Eɖɔ eɖokui be, \"nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokui ɖe anyi le dzi me.\" (Mateo 11:29) Mewɔ nu ŋutasesẽtɔe alo nusi medze, si me wòaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe le, gbeɖe o. Le nyateƒe me, apostolo Petro, amesi nye Yesu xɔlɔ̃, ka nya ta be: \"Esime wodzu [Yesu] la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.\" (Petro I, 2:23) Gake ɖo ŋku edzi be Yesu sia kee 'yi ɖe Mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem la do goe.' (Mateo 21:12) Eye ne ɖe Yesu hiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, ate ŋu abia 'mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo wu wuieve' hafi! (Mateo 26:53) Yesu megbɔdzɔ kura o.\nDe ŋugble le kpɔɖeŋu si Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ɖo, si woŋlɔ ɖe Biblia me le Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3 me hã ŋu kpɔ. Le aʋadziɖuɖu gã aɖe megbe la, dzi medzɔ Efrayim-toa me asrafo aɖewo o elabena wokpɔe be womena mɔnukpɔkpɔ yewo be woakpɔ gome le aʋaa me o. Wohe nya be: \"Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, nègbe mía yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie.\" Gideon nye \"ŋutsu, kalẽtɔ\" aɖe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:12) Ate ŋu atsɔ dziku awɔ nu ɖe wo ŋu adãtɔe bɔbɔe hafi. Ðe eteƒe la, etsɔ nyaŋuɖoɖo fafɛ tsi dzikudola mawo ƒe dziku nu keŋkeŋ. Gideon bia be: \"Ðe miawo miewɔ wum oa?\" Nukae do tso nyaŋuɖoɖo sia si da sɔ la me? \"Woƒe dziku la nu fa.\"\nMlɔeba la, de ŋugble le Biblia ƒe ŋutinya si ku ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Abigail ŋu kpɔ. Dawid nɔ eɖokui ɣlam esi wònɔ sisim le eƒe futɔ Saul, Israel-fia nu. Togbɔ be Dawid ƒe amewo nɔ sisim hã la, wòdzɔa wo hati Israel-viwo ŋu hekpɔa wota enuenu. Ŋutsu aɖe si ŋu wokpe ɖo enye Abigail srɔ̃, Nabal, amesi nye kesinɔtɔ gã aɖe. Gake Nabal nye 'ŋlɔmitɔ, eye wòvɔ̃ɖi.' Esi nuɖuɖu hiã Dawid ƒe amewo la wobia Nabal. Le esi teƒe be Nabal naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ametakpɔkpɔ si Dawid ƒe amewo nɛ ŋu la, ɖeko 'woda gbe' ɖe Dawid ƒe dɔlawo gbɔ 'heka mo na' wo eye wòɖo wo ɖa asiƒuƒlui.—Samuel I, 25:2-11, 14.\nEsi Dawid se nya sia la, edo dziku eye wòɖe gbe na eƒe amewo be: \"Mia dome amesiame neta yi!\" Dawid kple eƒe amewo dze mɔ heyina Nabal kple ŋutsu maɖifɔ siwo katã le eƒeme la wu ge esime Abigail de nu nya la me. Etsɔ nuɖuɖu kple nunono gbogbo aɖewo yi ɖakpe Dawid. Eɖe kuku ɖe srɔ̃a ƒe nuwɔna si medzena tsɔtsɔke o la ta eye wòɖe kuku na Dawid be wòave ame maɖifɔwo nu.— Samuel I, 25:13, 18-31.\nAbigail ƒe kukuɖeɖe ɖokuibɔbɔtɔe tsi Dawid ƒe dziku nu. Le nyateƒe me, esi Dawid de dzesi afɔku si ado tso eƒe dzikua me la, egblɔ be: \"Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o!\" (Samuel I, 25:32-35) Ẽ, 'nyaŋuɖoɖo fafɛ' ate ŋu atsi ame bubuwo ƒe dziku nu le go geɖe me. Ke ne wò nyaŋuɖoɖo fafɛa mete ŋu wɔ ema o ya ɖe?\n\"Dzudzɔ\"\nAte ŋu aƒo asa na dzo ƒɔƒlɔ ɖe dzrenya aɖe te ne èdzo kpoo. Biblia gblɔ be, \"Ne nake vɔ la, dzo tsina.\" Egagblɔ hã be: \"Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ hafi ne wòava do gã.\" (Lododowo 17:14; 26:20) Merissa, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: \"Ŋutsuvi aɖe si wonya nyuie le suku te ɖe ŋunye hedi be yeaɖo dze kplim. Egblɔ nam be medze tugbe. Eteƒe medidi o, eƒe ahiãvi do ɖe dzinye kple dziku. Etsɔ nya ɖe ŋunye be mele ahiã moe ɖom na yeƒe ahiãvi eye wòdi be yeawɔ dzre kplim! Medze agbagba be maɖe nusi dzɔ la me nɛ, gake egbe be yemase o. Esi míekpã la, ekplɔ nyɔnuvi aɖewo kpe ɖe eɖokui ŋu va be yewoaƒom! Mesi dzɔlaa tso, eye meɖe nya me na nyɔnuvi si do dziku la be nyemewɔa dzre o eye be eƒe ahiãvie te ɖe ŋunye boŋ. Esi megblɔ nyaa nɛ vɔ la medzo.\" Merissa meɖe mɔ eƒe seselelãmewo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Menye ɖeko wòdzo le dzre aɖe nu o ke ewɔ nu tsɔ kpɔ eɖokui hã tae. Abe alesi Lododowo 17:27 gblɔe ene la, \"amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.\"\nKe ne wò ŋutɔe do dziku na ame aɖe—ɖewohĩ le manyamanya me ya ɖe? Ðe kuku, eye nàwɔe kaba! Ðewohĩ esia koe anye nusi ko nàwɔ atsɔ atsi ame kemɛa ƒe dziku nu. Ɣeyiɣi sesẽwo mee míele, eye ame geɖe doa dziku kabakaba. Gake ne èwɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le wò nuwɔnawo me la, ate ŋu aƒo asa na ame aɖe ƒe dziku me dzedze.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]\n\"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu\"\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nƔeaɖewoɣi la, ɖeko wòle be nadzo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/Aleke-Maw%C9%94-Nui-Kple-Dzikudolawo\/","date":"2022-05-28T18:19:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663016949.77\/warc\/CC-MAIN-20220528154416-20220528184416-00121.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989750385,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989750385284424}","num_words":1449,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8 Ðe nunya mele ɣli dom oa? Ðe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?+ 2 Ele tsitre ɖe kɔkɔƒewo+ le mɔ to,Le mɔ dogoewo nu. 3 Ele ɣli dom sesĩe+Le dugbowo xa,Kple ʋɔtruawo nu be: 4 \"Mi amegbetɔwo, miawo yɔm mele;Amewo* katãe mekɔ nye gbe dzi na. 5 Mi ame bebewuwo, midze aɖaŋu;+Eye mi bometsilawo, mina dzi senugɔme nasu mia si. 6 Misee, elabena nya veviwo gblɔm mele,Nu si le eteƒe tututue nye nuyiwo gblɔna; 7 Elabena nyateƒee dona le nunye,Nye nuyiwo tsri nya vɔ̃ɖi gbɔgblɔ. 8 Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe. Nya totro alo nya trama aɖeke mele wo me o. 9 Wo katã dzɔ le nugɔmesela gbɔ,Eye wosɔ na ame siwo ƒe asi tu sidzedze. 10 Mixɔ nye amehehe ɖe klosalo teƒe,Eye mixɔ sidzedze ɖe sika nyuitɔ teƒe,+ 11 Elabena nunya nyo wu adzagba,*Nu bubu siwo katã dzroa ame la dometɔ aɖeke mede enu o. 12 \"Nye—nunya—kple aɖaŋudzedzee nɔa afi ɖeka;Nye asi tu sidzedze kple tamebubuŋutete.+ 13 Yehowa vɔvɔ̃e nye fuléle vɔ̃.+ Melé fu ɖokuidodoɖedzi, dada,+ mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanya.+ 14 Aɖaŋuɖoɖo kple nunya vavãtɔ+ le asinye;Gɔmesese+ kple ŋusẽ+ bɔ ɖe asinye. 15 Dzinyee fiawo tona ɖua fia,Eye amegãwo dea se dzɔdzɔewo.+ 16 Dzinyee amegãwo tona ɖua amegã,Eye bubumewo drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 17 Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am,Eye ame siwo diam la kena ɖe ŋunye.+ 18 Kesinɔnu kple bubu le asinye,Nunɔamesi siwo megblẽna o* kple dzɔdzɔenyenye hã le gbɔnye. 19 Nye kutsetse nyo wu sika, ɛ̃, enyo wu sika si ŋu wodza,Eye nu si menana la nyo wu klosalo nyuitɔ.+ 20 Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzie mezɔna,Le nya dzɔdzɔe toƒewo titina; 21 Menaa domenyinu xɔasiwo sua ame siwo lɔ̃am la si,Eye medea nu woƒe nudzraɖoƒewo wòyɔna taŋ. 22 Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto,+Eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke.+ 23 Woɖom tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,*+Tso gɔmedzedzea me ke, do ŋgɔ na anyigba la wɔɣi.+ 24 Wodzim hafi wova wɔ tɔ goglowo,+Esime tsidzɔƒe siwo me tsi yɔ taŋtaŋ la dometɔ aɖeke meli o. 25 Wowɔm hafi wova ɖo towo gɔme anyi,Wowɔm do ŋgɔ na togbɛwo, 26 Esi womekpɔ wɔ anyigba la kple eƒe gbadzaƒewo,Alo eƒe anyikɔ gbãtɔwo haɖe o. 27 Mele eteƒe esime wòdzra dziƒowo ɖo;+Esime wòɖe liƒo kotoo ɖe tsi gbanaa la tame,+ 28 Esime wòna alilikpowo li ke ɖe yame,Eye wòwɔ tɔ goglo la ƒe tsidzɔƒewo, 29 Esime wòɖo seɖoƒe na atsiaƒuBe eƒe tsiwo nagagbɔ eƒe sedede dzi o,+Esime wòɖo anyigba la gɔme anyi, 30 Ɣemaɣi menye dɔwɔla bibi nɔ egbɔ.+ Elɔ̃m vevie+ gbe sia gbe;Eye metsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi;+ 31 Mekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe anyigba si wòwɔ be woanɔ edzi la ŋu,Eye nyemelɔ̃a nu le amegbetɔviwo* gbɔ kura o. 32 Azɔ vinyewo, miɖo tom;Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa nye mɔwo me ɖe asi. 33 Miɖo to amehehe,+ ne miadze nunya,Eye migagbee gbeɖe o. 34 Dzidzɔtɔe nye ame si ɖoa tom,Ame si dona ɖe nye ʋɔtruwo nu kaba* gbe sia gbe,Ame si lalana le nye ʋɔtrutiwo nu; 35 Elabena ame si ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe,+Eye Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. 36 Ke ame si mebuam ɖe ɖeke me o la wɔa nu vevi eɖokui,*Eye ame siwo katã léa fum la, ku lɔ̃m wole.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Amegbetɔviwo.\"\n^ Alo, \"Domenyinu xɔasiwo.\"\n^ Alo, \"tso blemablema ke.\"\n^ Alo, \"amegbetɔƒomea.\"\n^ Alo, \"Ame si nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtruwo nu.\"\n^ Alo, \"eƒe luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/lododowo\/8\/","date":"2022-05-28T10:45:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663016373.86\/warc\/CC-MAIN-20220528093113-20220528123113-00793.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982292056,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982292056083679}","num_words":512,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Esia megawɔ nuku na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\"\n\"Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.\"\n\"Mekpɔ ame kukuwo, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Eye woʋu agbalẽ bubu aɖe; eyae nye agbegbalẽ la. Eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple Tsiẽƒe ɖe ame kuku siwo le wo me la na, eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/m%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-li-be-m%C3%ADagakp%C9%94-kukuawo\/","date":"2022-05-19T13:00:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00093.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995965362,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995965361595154}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukatae Elisa bia Eliya ƒe gbɔgbɔ ƒe \"akpa eve\"?\nEsi wòkpɔtɔ vie ko ne Eliya nawu eƒe dɔ abe Israel ƒe nyagblɔɖila ene nu la, nyagblɔɖila ɖevitɔ, Elisa bia tso esi be: \"Taflatse, maxɔ wò gbɔgbɔ ƒe akpa eve nu.\" (Fiawo II, 2:9) Edze ƒã be le gbɔgbɔ me gome la, Elisa nɔ biabiam be woana akpa eve ye abe alesi wowɔnɛ na ŋgɔgbeviwo ene. (Mose V, 21:17) Nuŋlɔɖi sia me dzodzro kpuie ana esia me nakɔ eye wòakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔa me.\nLe ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe mɔfiafia la, nyagblɔɖila Eliya si ami na Elisa be wòanye amesi axɔ ɖe ye teƒe. (Fiawo I, 19:19-21) Elisa subɔ Eliya abe subɔvi ene nuteƒewɔwɔtɔe anɔ abe ƒe ade ene eye wòɖoe kplikpaa be yeawɔ esia vaseɖe nuwuwu. Le Eliya ƒe ŋkeke mamlɛa si wòsubɔ abe nyagblɔɖila ene le Israel gɔ̃ hã dzi la, Elisa nɔ eƒe nufiala ŋu kplikplikpli. Togbɔ be Eliya ƒoe ɖe Elisa nu be wòagbugbɔ le ye yome hã, nyagblɔɖila ɖevitɔ gblɔ nɛ zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ be: 'Nyemagblẽ wò ɖi o!' (Fiawo II, 2:2, 4, 6; 3:11) Le nyateƒe me la, Elisa tsɔ nyagblɔɖila tsitsitɔ abe eƒe gbɔgbɔmefofo ene.—Fiawo II, 2:12.\nGake menye Elisa ɖeka koe nye Eliya ƒe gbɔgbɔmevi o. Eliya kple Elisa dea ha kple ŋutsu aɖewo siwo woyɔ be 'nyagblɔɖilawo ƒe viwo.' (Fiawo II, 2:3) Nuŋlɔɖi si le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me ɖee fia be kadodo kplikplikpli ƒe seselelãme nɔ 'vi' siawo me ɖe woƒe gbɔgbɔmefofo, Eliya, ŋu. (Fiawo II, 2:3, 5, 7, 15-17) Ke hã, esi wosi ami na Elisa be wòaxɔ ɖe Eliya teƒe ta la, eyae nye gbãtɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ me viwo dome—enɔ abe ŋgɔgbevi ene. Le blema Israel la, ŋgɔgbevi ŋutɔŋutɔ xɔa fofoa ƒe domenyinu ƒe akpa eve, ke vi bubuawo xɔa akpa ɖekaɖeka. Esia tae Elisa bia Eliya ƒe gbɔgbɔmedomenyinu ƒe akpa eve ɖo.\nNukatae Elisa bia nusia le ɣeyiɣi ma koŋ dzi? Elabena egbɔna agba gã aɖe tsɔ ge—si nye xɔxɔ ɖe Eliya teƒe abe nyagblɔɖila ene le Israel. Elisa kpɔe dze sii be, ne yeate ŋu atsɔ dɔdasi dziŋɔ ma ƒe agbanɔamedziwo la, yehiã gbɔgbɔ me ŋusẽ si gbɔ ye ŋutɔ yeƒe ŋutete ŋu sasasã, si Yehowa ko ate ŋu ana. Ehiã be dzi nanɔ eƒo abe Eliya ene. (Fiawo II, 1:3, 4, 15, 16) Eyatae wòbia Eliya ƒe gbɔgbɔ ƒe akpa eve ɖo, si nye dzinɔameƒo ƒe gbɔgbɔ kple esi nana 'woʋãa ŋu ɖe Yehowa ŋu'—nɔnɔme nyoameŋu si Mawu ƒe gbɔgbɔ tsena. (Fiawo I, 19:10, 14) Aleke Eliya wɔ nu ɖe eŋui?\nEliya nyae be Elisa bia nane si menye ye tɔ o, si nye Mawu ɖeɖeko tɔ wòana. Eyata Eliya ɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: \"Èbia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wòtsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò.\" (Fiawo II, 2:10) Eye eva eme le nyateƒe me be Yehowa na Elisa kpɔ Eliya lia yi dzi le ahom aɖe me. (Fiawo II, 2:11, 12) Wotsɔ nusi Elisa bia la nɛ. Yehowa tsɔ gbɔgbɔ si wòhiã be wòatsɔ adze eƒe dɔ yeyea gɔme ahakpe akɔ kple dodokpɔwo la nɛ.\nKristotɔ amesiaminawo (siwo woyɔna ɣeaɖewoɣi be Eliya habɔbɔa) kple Mawu subɔlawo katã ate ŋu akpɔ dzideƒonamenya atso Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia me egbea. Ɣeaɖewoɣi la, míatsi dzodzodzoe be míesu te akpe akɔ kple dɔdasi yeye aɖe o, alo dzi anɔ ɖeɖem le mía ƒo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le esi ɖekematsɔleme kple tsitretsiɖeŋu ƒe nɔnɔmewo yi edzi le dzidzim ɖe edzi le míaƒe anyigbamama me ta. Gake ne míeɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu la, ana mí gbɔgbɔ kɔkɔe si míehiã atsɔ anɔ te ɖe kuxiwo kple nɔnɔme siwo le tɔtrɔm nu la mí. (Luka 11:13; Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13) Ẽ, abe alesi Yehowa do ŋusẽ Elisa le agbanɔamedzi si kpe wu tsɔtsɔ me ene la, nenema ke wòakpe ɖe mí katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ŋu be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe.—Timoteo II, 4:5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031101\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2022-07-07T07:29:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104683708.93\/warc\/CC-MAIN-20220707063442-20220707093442-00658.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991589785,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991589784622192}","num_words":633,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amagbe-gbledelawo kple Edzralawo ƒe Habɔbɔ si le Keta Nutomea do ɖe ablɔdzi heɖe woƒe vevesesewo ɖe go ku ɖe ɖoɖo yiwo le tome hena tomemikuku le atsiaƒua me le nutoa me ƒe nyawo ŋu.\nƉeɖefia wɔna sia yi edzi le Yawoɖa, dzinu sia ƒe ŋkeke ewoa gbe le Anloga hetsi tre ɖe atsiaƒua ƒe dzidzime yi woɖo be woaza si nye, agbadzroƒe akpe etɔ sɔŋ le amia kuku mea ŋuti.\nŊgɔnɔlawo na habɔbɔa be, nenye be woza atsiaƒua ƒe dzidzime ma gbegbe na amiakukua, agblẽ nu geɖe le yewo ŋu alebe fukpekpe kple aɖukliɖuɖuwo naga sɔgbɔ ɖe edzi na yewo le nutoa me.\nDziɖuɖu na mɔɖeɖe amiku-dɔwɔƒe, Swiss African Oil Company le ƒe 2016 me be wòaku ami le atsiaƒuwo me si lɔ̃nutome dziɖutakpeha atɔ̃aɖewo sɔŋ ɖe eme le Volta Nutoa me.\nKe habɔbɔa ƒe vɔvɔe nye be dɔwɔƒe sia ƒe wɔnawoa, agblẽ nu le yewo ƒe gbesiagbe dɔwɔnawo ŋu si na be, togbɔ be amikukua medze egɔme haɖe o ha, wode asi ɖeɖefiawɔwɔ me xoxo.\nLe wɔna me nyitsɔ ma, dumevi geɖe siwo ƒe susu wɔ ɖeka kple ɖeɖefiawɔlawoa, do le agbɔsɔsɔ me henɔ nudodo dzĩwo me. Alebe, wowu woƒe azɔlia nu ɖe Nutome Dziɖutakpeha me le Keta, afi si wotsɔ woƒe vevesese siwo wolé ɖe agbalẽ dzia, de asi na Mɔmefia, Aƒetɔ Seth Yormewu be wòato edzi aɖo Dukplɔla Nana Akufo-Addo gbɔ.\nNuŋlɔɖi aɖe siwo azɔlizɔlawo lé ɖe asi le wɔna mea, ƒe ɖewo yi ale: \"Mawu ɖee Wotrɔ asi le míaƒe atsiaƒua ŋu hena abɔlu-nyinyi menye amikuku o, Amikukua avagblẽ míaƒe atsiaƒua kple anyigba dome, Míedzi amedzro aɖeke le Aŋlɔ-nyigba dzi hena amikuku o.\"\nƉeɖefiawɔlawo de dzesie kple vevesese be, esi wònye tɔsidɔe yewo dometɔ gbogbotɔwo wɔnaa, ne wòva eme be amikukua dze egɔmea, atsiaƒua agblẽ eye tsi si yewoyɔnãtso tome hena agbleme- nukuviwoa, agblẽ si aɖe fu na yewo.\nLe ema ta, wodoe ɖe dziɖuɖua gbɔ be wòadzi mɔnu bubu hena atsiaƒua ŋudɔwɔwɔ be wòado agbledede kple tɔsisi boŋ ɖe ŋgɔ si aɖe vi na yewo ke manye be wòaɖe mɔ be amikuku naɖo tome si ade dumeviwo abe akpe alafa ade sɔŋ enea, ƒe agbe xaxa me o.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/agbledelawo-%C6%92e-hab%C9%94b%C9%94-w%C9%94-%C9%96e%C9%96efia-ku-%C9%96e-amikuku-le-keta-nu\/","date":"2022-06-29T16:24:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103640328.37\/warc\/CC-MAIN-20220629150145-20220629180145-00652.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998328805,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983288049697876}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpe na nusiwo wòwɔ le Eʋe Wikipiɖia la dzi! Mexɔese be wòkpɔe be Eʋegbe ŋlɔlawo wo me sɔgbɔ ɖe afisia o. Míele mɔ kpɔm be wòateŋu akpe ɖe mía ŋu. Ne wò mese Eʋegbe nyuie aɖe o hã la, megblẽ kroa o. Megavɔ̃ o, mɔxexea ɖeke meli o. Wòateŋu adze nuwo ŋɔŋlɔ gɔme fifia gɔ̃ hã. Ne wòle xaxaa ɖe me la, wòateŋu abiam fãa le afisia .\nƔesiaɣi wòŋlɔ nua ɖe la, ɖo ŋku dzi na da dzesi sia (~~~~) ɖe eɖome. Esia ada ŋkɔ wò (alo dzesi wò), ŋkekea kpakple gaƒoƒoa si neŋlɔe katã ɖe nuŋɔŋlɔawo gɔme.\nMíe me kpɔ ŋlɔ kpekpeɖeŋu nyawo haɖeke o. Ne ele kpekpeɖeŋu dim la, biam le afisia alo ne wòse gbe siawo la, kpɔ Wikipiɖia siawo ƒe kpekpeɖeŋu nyawo ɖa:","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ee.m.wikipedia.org\/wiki\/User_talk:Tlustulimu","date":"2022-06-28T03:13:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103347800.25\/warc\/CC-MAIN-20220628020322-20220628050322-00692.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994495511,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":38,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994495511054993}","num_words":126,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexeame Ƒe Ŋutifafa Menye Drɔ̃e Aɖe Ko O!\nNE ÐE Alfred Nobel agate ŋu atrɔ kpɔ nusiwo dzɔ le ƒe alafa si va yi me la, ɖe kakaɖedzi anɔ esi ɖe xexeame ƒe ŋutifafa ŋua? Ðikeke mele eme o be dzi adzɔe ne eva nya be ame geɖe dze agbagba vevie be woatɔ te aʋawɔwɔ. Ke hã akpɔ be nɔnɔmea mede ame dzi abe alesi wòsusui ene o. Nufialagã Hugh Thomas ƒo nyaa ta nyuie be: \"Ƒe alafa blavelia—si wobuna be enye esi me wona hadomegbenɔnɔ nyo ɖe edzi eye dziɖuɖuwo ƒe ɖetsɔleme na hiãtɔwo dzi ɖe edzi le gɔ̃ hã—yɔ fũ kple tu siwo dana trena ɖe enu, aʋawɔʋuwo, B-52 bɔmbdayameʋu, nukliabɔmb, kple mlɔeba tu siwo gblẽa nu le adzɔge ʋĩ. Enye ɣeyiɣi si me wowɔ aʋa siwo me wokɔ ʋu ɖi hegblẽ nu le wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ.\" Thomas gblɔ kpee be, \"eyata enye nusi ŋu wokea ɖi le nenye be woabu ɣeyiɣia be enye esi me wowɔ ŋgɔyiyi le loo alo womewɔe o.\"\nÐe mɔkpɔkpɔ na xexeame ƒe ŋutifafa dzi ɖe edzi esi míeɖo ƒe alafa 21 lia mea? Kpao! Esi Newsweek magazine nɔ nu ƒom tso ŋɔdzidonamelawo ƒe New York City kple Washington D.C., dzi dzedze le September 11, 2001 dzi ŋu la, egblɔ be: \"Le xexe si me woate ŋu atrɔ 767-yameʋuwo wòazu aʋawɔtu siwo woanɔ teƒe bubu afia mɔe wòaɖalɔ nu le adzɔge la, naneke megadzea numanyawɔe, alo susumanɔmenya o—esi vloe wu kura la womate ŋu axe mɔ ɖe naneke nu o.\"\nAme aɖewo gblɔ be hafi xexeame ƒe ŋutifafa nava ŋutɔŋutɔ la, ele be nu eve nadzɔ: Gbã, ele be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe nava amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu kple agbenɔnɔ me; eye evelia, ele be dukɔwo katã nabɔbɔ ɖe dziɖuɖu ɖeka aɖe te. Biblia gblɔ ɣeyiɣi si me ŋutifafa ava ɖi—gake menye amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo mee wòato ava o. Psalmo 46:10 gblɔ le Wɔla, Yehowa Mawu ŋu be: 'Etsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke!' Aleke Mawu le esia wɔgee? To eƒe Fiaɖuƒe, si dzianukwaretɔ geɖe doa gbe ɖa biana edziedzi la dzi. Menye dzi ƒe nɔnɔme si gɔme sese sesẽe Fiaɖuƒea nye o, ke boŋ enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si dzi Mawu ato ahe ŋutifafa ava anyigba blibo la katã dzi. Nyagblɔɖila Yesaya si gbɔgbɔ ʋã gblɔ ɖi be dziɖuɖu ma te nɔlawo 'magasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.' (Yesaya 2:4) To xexeame katã ƒe nufiafiadɔ aɖe dzi la, amewo asrɔ̃ alesi woanɔ anyi le ŋutifafa me eye \"woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.\"\nFifia gɔ̃ hã la, Yehowa Ðasefowo le esia wɔm. Wogbe be yewomatsɔ aʋawɔnuwo ɖe wo haviwo ŋu o, togbɔ be wonye gbevovodola siwo le dukɔ siwo wu 200 me hã. Woƒe akpaɖekedzimademade le xexe si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le me la ɖo kpe edzi be ŋutifafa menye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ nusi gbɔna ŋutɔŋutɔe wònye.\nÀdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ŋutifafa vavãtɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi ŋua? Taflatse ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo dometɔ si te ɖe ŋuwò, to adrɛs si le axa 5 lia dzi, alo nàdi Yehowa Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020508\/Xexeame-%C6%91e-%C5%8Autifafa-Menye-Dr%C9%94%CC%83e-A%C9%96e-Ko-O\/","date":"2022-06-29T06:01:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103624904.34\/warc\/CC-MAIN-20220629054527-20220629084527-00635.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990741611,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990741610527039}","num_words":512,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ya sesẽ si do tso nane si wó sesĩe me la tutum xlã ɖi kloe. Dzudzɔ to yatoƒe siwo le míaƒe ɔfis, si le dziƒoxɔ kɔkɔ aɖe dzi la me ge ɖe ɔfis la me eye wòlé dzo vlavlavla.\"—Joshua.\nAnyigbaʋuʋu . . . ahom sesẽ ƒe tutu . . . ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze . . . kple tudada amewo le sukukpodzi nye nudzɔdzɔ siwo ŋu nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒoa nu tsoe zi geɖe. Le nyateƒe me la, nuxexlẽ tso afɔkuwo ŋu to vovo sãa na afɔku me toto ŋutɔŋutɔ. Nu kae wòle be nàwɔ hafi afɔku aɖe nadzɔ, le afɔkua dzɔɣi kple ne wòdzɔ vɔ megbe si awɔe be nàtsi agbe?\nDZRA ÐO—HAFI AFƆKU AÐE NADZƆ!\nAFƆKU ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi. Eya ta dzadzraɖo do ŋgɔ le vevie be nàte ŋu atsi agbe. Ke aleke nàdzra ɖoe?\nDzra ɖo le susu me. Lɔ̃ ɖe edzi be afɔkuwo dzɔna eye be afɔku ate ŋu adzɔ ɖe wò kple wò ame veviwo dzi. Ne afɔku aɖe dzɔ vɔ hafi nèbe yeadzra ɖo la, ke etsi megbe akpa.\nKu nu me tso afɔku siwo ate ŋu adzɔ le mia gbɔ la ŋu. Nya teƒe siwo amewo asi ayi ne afɔku dzɔ. Lé ŋku ɖe wò aƒea kple teƒe si wòle ŋu be wotui nyuie, eye wòate ŋu anɔ te ɖe afɔkua nu hã. Ðe nu siwo ate ŋu ana dzo nadze aƒe la ɖa. De mɔ̃ siwo ana nànya be dzo dze aƒe la wò aƒea ŋu eye nànɔ kpe siwo le wo me la ɖɔlim edziedzi alo zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒe.\nDzra nuhiahiã veviwo ɖo. Ate ŋu adzɔ be akaɖi, tsi kple ʋuwo manɔ anyi ne afɔku dzɔ o eye fonwo hã mawɔ dɔ o. Ne ʋu le asiwò la, dze agbagba nàna ami nanɔ eme wòaɖo afã ya teti, eye nàna nuɖuɖu, tsi kple akplo si me nuhiahiã veviwo le nanɔ mia si le aƒea me ɣesiaɣi.—Kpɔ aɖaka si nye \"Ðe Nu Siwo Nèhiã La Le Asiwòa?\"\nKaƒodzesiwo. Na xɔ̃wò siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa ƒe kaƒodzesiwo nanɔ asiwò.\nWɔ ɖoɖo ɖe ale si miasii ŋu eye minɔ eme dzrom. Teƒe si tsɔ kpuie wu si miasi ato le miaƒe aƒea me nenɔ nyanya na mi, eye nàfia viwòwo nu si woawɔ ne afɔku aɖe dzɔ le woƒe suku. Afi si ƒomea akpe ta le ne afɔku dzɔ nenɔ nyanya na mi katã; ɖeka nate ɖe mia ŋu eye ɖeka nanɔ adzɔge, ate ŋu anye sukukpo aɖe dzi loo alo gbadzaƒe aɖe. Afɔkuŋutinunyalawo ɖo aɖaŋu be wò kple wò ƒomea minɔ zɔzɔm yi teƒe siawo edziedzi.\nÐoe be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu, ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame tsitsiwo kple dɔnɔwo.\nWƆ NU KPATA—LE AFƆKUA DZƆƔI\nJoshua si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: \"Esi míaƒe ɔfis lé dzo la, vɔvɔ̃ meɖo ame akpa gãtɔ o, womewɔ nu kpata o. Wo dometɔ aɖewo tsi woƒe kɔmpiutawo alo nɔ tsi kum ɖe woƒe tsigowo me. Ŋutsu aɖe ya gblɔ be: 'Ðewohĩ ele be míalala.'\" Togbɔ be amewo metsi dzi o hãa, Joshua ya do ɣli be: \"Ele be míadzo fifi laa!\" Enumake eƒe dɔwɔhatiwo do kplɔe ɖo ɖi to atrakpuiawo dzi ɖo ta anyigba. \"Joshua yi ɣlia dodo dzi be: \"Ne ame aɖe dze anyi la milée wòafɔ, mí katã míaɖi dedie!\"\nNe dzo dze aƒe. Bɔbɔ eye nàwɔ kaba ato mɔ si te ɖe ŋuwò ado go. Esesẽ be woakpɔ nu to dzudzɔ me, eye dzudzɔ si amewo gbɔnae nana wokuna. Gblẽ nunɔamesiwo ɖi nàdzo. Ne èdzo le teƒea kaba la, ana nàtsi agbe.\nNe anyigba le ʋuʋum. Bè ɖe kplɔ̃ aɖe te alo ɖe gli aɖe xa. Nya be anyigbaʋuʋu suesuesuewo ate ŋu adzɔ akplɔe ɖo, eya ta do yi xexe enumake ne anya wɔ. Ate ŋu adzɔ be kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo mava ɖo kaba o, eya ta ne àte ŋui la, dze agbagba nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu.\nNe anyigba le ʋuʋum le atsiaƒu me. Ne atsiaƒutsia trɔ dzo enumake la, wɔ kaba nàyi teƒe kɔkɔ si tsia maɖo o. Nya be tsi gbogbo aɖe kple ƒutsotsoe gãwo atrɔ ava.\nNe ahom sesẽ aɖe le tutum. Yi teƒe si woɖo ɖi be amewo nanɔ ne ahom tu la enumake.\nNe tsi ɖɔ. Mèganɔ xɔ siwo me tsi ɖɔ ɖo la me o. Ƒo asa na tsimezɔzɔ alo ʋukuku to tsi me. Afɔku si manya kpɔ bɔbɔe o ate ŋu anɔ tsi si le sisim me, esia ƒe ɖewoe nye nu gbagbã siwo tsia lɔ ɖe enu, do globowo kple do siwo me elektrik-kawo to le tome.\nÈnyaa? Tsi si le sisim si ƒe goglome mede meta ɖeka o (0.6) la ate ŋu akɔ ʋu adzoe. Ame siwo kuna le tsiɖɔɖɔ me la dometɔ geɖe nyea ame siwo dzea agbagba be yewoaku ʋu to tsi siwo le sisim me.\nNe dumegãwo gblɔ be misi la, dzo enumake! Na xɔ̃wòwo nanya afi si nèle, ne menye nenema o la, woava de woƒe agbe afɔku me anɔ diwòm.\nÈnyaa? Le afɔkudzɔɣiwo la, nyatakakawo ɖoɖo ɖa to text message dzi ate ŋu anyo wu kaƒoƒo.\nNe dumegãwo de se be ame sia ame nenɔ eƒe me loo alo afi si wòle la, nɔ xɔ me. Ne edzɔ be aɖi xɔ yame le miaƒe nutoa me loo, nuklia-mɔ̃ aɖe wó loo alo ame aɖe wu aɖi ɖe yame tsɔ dze miaƒe nutoa dzi la, nɔ xɔ me, tu yatoƒewo, eye nàxe yatoƒe ɖe sia ɖe le ʋɔtruwo kple fesrewo ŋu. Se mia gbɔ nyadzɔdzɔwo le television alo radio dzi. Nɔ xɔ me va se ɖe esime dumegãwo gblɔ be afɔkua nu yi hafi nàdo go.\nWƆ NU SIWO ANA NÀNƆ DEDIE—NE WÒDZƆ VƆ MEGBE!\nBe nàƒo asa na dɔlélewo kple afɔku bubuwo la, bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ:\nNɔ xɔ̃wòwo gbɔ ne anya wɔ, tsɔ wu be nànɔ afi si wosika ame gbogbowo ɖo.\nNa afi si nèle la nanɔ dzadzɛ.\nZã ametakpɔnuwo ne èle gbeɖuɖɔwo lɔm. Ne anya wɔ la, do aŋesiwuiwo kple afɔkpa titri, ɖɔ xɔtulawo ƒe kuku eye nàtsɔ nu abla ŋɔti. Nɔ ŋudzɔ ɖe elektrik-kawo kple dzo siwo ate ŋu anɔ nu siwo fiã la me ŋu.\nYi dɔ siwo nèwɔna gbe sia gbe dzi abe ale si nèwɔnɛ ene, ne anya wɔ. Ele be viwòwo nakpɔe be wò susu dze akɔ anyi eye mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o. Kpe ɖe viwòwo ŋu woawɔ woƒe sukudɔdeasiwo, fe kpli wo eye miaxlẽ Biblia, ado gbe ɖa ɖekae. Mègana nyadzɔdzɔ siwo woanɔ gbɔgblɔm tso afɔkua ŋu naxɔ susu me na wò o, eye mèganɔ dziku ɖem ɖe ƒomea me tɔwo ŋu o. Lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò eye nàkpe ɖe amewo ŋu.\nNenɔ susu me na wò be afɔkuwo gblẽa nu. Dziɖuɖua kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo ƒe taɖodzinue nye be woakpe ɖe amewo ŋu woatsi agbe menye be woaɖo woƒe nu siwo katã gblẽ la teƒe na wo o. Nu siwo ko míehiã be míanɔ agbee nye tsi nyui, nuɖuɖu, nudodowo kple mlɔƒe.—1 Timoteo 6:7, 8.\nNyae be nu ate ɖe dziwò eye lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò. Zi geɖe la, esia dzɔna ne afɔkua nu yi vɔ. Dzesia ƒe ɖewoe nye dzodzodzoetsitsi, blanuiléle kple seselelãme ƒe tɔtrɔ kpata kpakple ale si wòsesẽna be woabu tame, awɔ dɔ alo adɔ alɔ̃. Ðo dze tso eŋu na xɔ̃wò siwo tsɔa ɖe le eme na wò.\nTogbɔ be Joshua tsi agbe esi dzo dze afi si wòwɔa dɔ le hã, eƒe ame nyanyɛ geɖe ku. Kristotɔ hamemetsitsiwo kple tagbɔdɔdalawo kpe ɖe eŋu. Joshua gblɔ be: \"Woka ɖe edzi nam be nye nuxaxaa ate ŋu akpe ɖe ŋunye be mahaya eye be enu ava yi. Le ɣleti ade megbe la, drɔ̃e baɖabaɖa siwo mekuna la dzi ɖe kpɔtɔ. Dzesia ƒe ɖewo ya nɔ anyi didi.\"\nNe afɔku dzɔ la, enana mímebua nuwo ŋu nyuie o. Esia nana ame aɖewo bua fɔ Mawu. Abe Joshua enea, \"ame geɖe sea veve ɖe ame siwo tsi afɔku aɖe me la ta.\" Egblɔ be \"Egawɔna nam kokoko be ɖe wòle be maxɔ ame geɖe ɖe agbe hafi. Nu si dzi mexɔ see nye be madidi o Mawu aɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ɖo le anyigba dzi, eye esia faa akɔ nam. Gake fifia, medea asixɔxɔ agbe ŋu eye mewɔa nu sia nu si mate ŋui be makpɔ eta.\"—Nyaɖeɖefia 21:4, 5. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2017-october\/af%C9%94ku-m%C3%ADaw%C9%94-be-m%C3%ADatsi-agbe\/","date":"2022-06-30T23:35:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103915196.47\/warc\/CC-MAIN-20220630213820-20220701003820-00282.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985212684,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985212683677673}","num_words":1350,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Eye Yehowa gblɔ na Abram be: \"Ʋu le mia de, eye nàdzo le wò ƒometɔwo gbɔ kple fofowò ƒe me, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.+ 2 Mana nàzu dukɔ gã aɖe, mayra wò, eye mana wò ŋkɔ nanyɔ; àva zu yayra na amewo.+ 3 Mayra ame siwo ayra wò, eye maƒo fi ade ame si ado ɖiŋu na wò la,+ eye woayra anyigbadziƒomeawo katã to dziwò.\"*+ 4 Eya ta Abram dze mɔ abe ale si tututu Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vɔ atɔ̃ esime wòʋu tso Haran.+ 5 Abram kplɔ srɔ̃a Sarai+ kple nɔviaŋutsu ƒe vi Lot;+ etsɔ nunɔamesi siwo le wo si,+ eye wòkplɔ ame* siwo su wo si le Haran hedze mɔ ɖo ta Kanaan-nyigba dzi.+ Esi wova ɖo Kanaan-nyigba dzi la, 6 Abram tsa le anyigba la dzi va ɖo keke Sekem+ ke, le More ƒe ati gãwo gbɔ.+ Ɣemaɣi la, Kanaantɔwo le anyigba la dzi. 7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram eye wògblɔ nɛ be: \"Wò dzidzimeviwoe+ matsɔ anyigba sia ana.\"+ Eya ta eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, ame si ɖe eɖokui fiae la. 8 Mlɔeba eʋu le afi ma yi tonuto la me le Betel+ ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afi ma, ale be Betel le ɣetoɖoƒe, eye Ai+ le ɣedzeƒe. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa+ heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.+ 9 Emegbe Abram ʋu, eye wònɔ eƒe agbadɔ hom nɔ tutum tso teƒe yi teƒe ɖo ta Negeb.+ 10 Ke dɔ to le anyigba la dzi, eye Abram ɖo ta Egipte be yeaɖanɔ afi ma vie,*+ elabena dɔwuame la nu sẽ le anyigba la dzi.+ 11 Esi wòsusɔ vie wòaɖo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai be: \"Meɖe kuku ɖo tom! Menyae nyuie be nyɔnu dzetugbee nènye.+ 12 Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ godoo be, 'Srɔ̃ae nye esia.' Eye woawum, ke woana wò ya nàtsi agbe. 13 Meɖe kuku, gblɔ be nɔvinyee yenye, ne eme nanyo nam le tawò, ne matsi agbe.\"*+ 14 Esi Abram nya ɖo afɔ Egipte ko la, Egiptetɔwo kpɔ be nyɔnua dze tugbe ale gbegbe. 15 Eye Farao ƒe amegãwo hã kpɔe, eye wokafui na Farao, ale be wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe aƒe me. 16 Ewɔ nu ɖe Abram ŋu nyuie le nyɔnua ta, eye alẽwo, nyiwo, tedziwo, subɔviŋutsuwo, subɔvinyɔnuwo, tedzinɔwo kple kposɔwo va su esi.+ 17 Ke Yehowa he fuwɔame sesẽwo va Farao kple eƒe aƒe la dzi le Abram srɔ̃ Sarai ta.+ 18 Ale Farao yɔ Abram vɛ hegblɔ nɛ be: \"Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka tae mègblɔ nam be ye srɔ̃e o? 19 Nu ka tae nègblɔ be, 'Nɔvinyee,'+ ale be meɖee kloe? Kpɔ ɖa, srɔ̃wò lae nye esi. Kplɔe nàdzo!\" 20 Eye Farao ɖe gbe na eƒe amewo be woana eya kple srɔ̃a nadzo kple woƒe nunɔamesiwo katã.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"anyigbadziƒomeawo axɔ yayra.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"\n^ Alo, \"yeaɖanye amedzro le afi ma.\"\n^ Alo, \"ne nye luʋɔ natsi agbe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/12\/","date":"2022-07-05T16:13:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104585887.84\/warc\/CC-MAIN-20220705144321-20220705174321-00779.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995700717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995700716972351}","num_words":475,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13\nTaƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo\n1 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene 2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me. 3 Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.\n4 Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã. 5 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be,\n\"Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o,\neye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.\"\n6 Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be,\n\"Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o.\nNu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?\"\n7 Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. 8 Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa. 9 Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o. 10 Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.\n11 Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo. 12 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me. 13 Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ, 14 elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.\n15 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me. 16 Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o, eye miama nu kple mia nɔewo, elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.\n17 Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o. 18 Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me. 19 Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.\n20 Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la 21 natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.\n22 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.\n23 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.\n24 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã.\nNɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.\n25 Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/HEB13.htm","date":"2022-07-01T11:20:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103940327.51\/warc\/CC-MAIN-20220701095156-20220701125156-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982821941,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982821941375732}","num_words":642,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑUMEBƆBƆWO ƒe gowo kple adzawo ƒe gowo (alo gatsuƒliwo) ye kpena ɖe wo ŋu wonɔa agbe le nɔnɔme sesẽwo me, eye wonɔa te ɖe ale si atsiaƒua nɔa wo nyamam la nu. Ale si woƒe goawo kpɔa wo ta nyuie la ʋã mɔ̃ɖaŋununyalawo wole nu me kum tso woƒe dzedzeme vovovoawo kple ale si goawo le ŋu kple susu be yewoata ʋu siwo woawɔ kple xɔ siwo woatu be woate ŋu akpɔ amewo ta.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Mɔ̃ɖaŋununyalawo lé ŋku ɖe goawo dometɔ eve siwo nye gbadzɛtɔ kple lɔbɔetɔ ƒe dzedzemewo ŋu.\nLe gbadzɛtɔ gome la, wode dzesii be ale si fliwo tso eƒe nugbɔ va wu enu ɖe kpeƒea ye wɔe be ŋusẽ va le kpeƒea ŋu wu. Gake le lɔbɔetɔ gome la, ale si fliawo gɔdɔ̃ to eŋu wɔe be ŋusẽ va le eƒe nugbɔ si keke wu la ŋu. Le gbadzɛtɔ kple lɔbɔetɔ siaa gome la, zi geɖea ne nane lɔ goa la, sesẽƒea kpɔa eta si wɔnɛ be nu vevi mewɔa lã si le goa me la o.\nNumekulawo hã do ƒumelã siawo ƒe go kple esiwo ɖi esiawo siwo wowɔ le kɔmpiuta dzi la kpɔ. Nu si wova de dzesii ye nye be, ale si wowɔ ƒumelã siawo ƒe gowo nukutɔe la na wosesẽ wu esiwo wowɔ le kɔmpiuta dzi la zi gbɔ zi eve.\nEsi agbalẽ aɖe (Scientific American) nɔ nu ƒom tso nu siwo ŋu woke ɖo le numekukua me ŋu la, egblɔ be: \"Ne èva le ʋu siwo wowɔ ɖe ƒumelã siawo ƒe go ƒe nɔnɔme nu ƒe ɖe kum gbe ɖeka la, anya kpɔ ŋutɔ eye àkpɔe be ɖe wowɔe be wòakpɔ emenɔlawo ta.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ƒumelã siawo ƒe goawo dzɔ le wo ɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2017-october\/%C6%92umel%C3%A3-a%C9%96ewo-%C6%92e-gowo\/","date":"2022-06-27T05:12:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103328647.18\/warc\/CC-MAIN-20220627043200-20220627073200-00486.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981362224,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981362223625183}","num_words":292,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"23 \"Mèganɔ alakpanya kakam o.+ Mègawɔ ɖeka kple ame vlo ahanye ɖasefo vɔ̃ɖi ɖe hawòvi ŋu o.+ 2 Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me o, eye mègatrɔ gbo nya dzɔdzɔe to ɖaseɖiɖi atsɔ ade amehawo ƒe nya dzi me o. 3 Mègade ame dahe dzi le nyaʋiʋli me o.+ 4 \"Ne èkpɔ wò futɔ ƒe nyi alo eƒe tedzi wòtra mɔ la, kplɔe yi nɛ.+ 5 Ne agba nɔ wò futɔ ƒe tedzi dzi wòtsi anyigba nèkpɔ la, mègato eŋu yi o. Kpe ɖe eŋu miatu agbaa le lãa dzi.+ 6 \"Mègatrɔ gbo ame dahe si le dowòme la ƒe nya dzɔdzɔe le ʋɔnu o.+ 7 \"Mègakpɔ gome le aʋatsonutsotso* me o, eye mègawu ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi be etɔ dzɔ o.+ 8 \"Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wògbãa ŋku na ame siwo kpɔa nu nyuie gɔ̃ hã, eye wòtea ŋu trɔa gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya.+ 9 \"Mègate amedzro ɖe anyi o. Mienya ale si wònɔna na amedzrowo,* elabena mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.+ 10 \"Ƒe ade nàƒã nu ɖe wò anyigba dzi, eye nàƒo wò agblemenuwo nu ƒu.+ 11 Ke mègade agble ɖe edzi le ƒe adrelia me o, ke boŋ na wòagbɔ ɖe eme, eye wò dukɔ la ƒe ame dahewo naɖu edzinuwo, eye nu siwo woawo hã gblẽ ɖi la, gbemelãwo naɖui. Aleae nàwɔ wò waingble kple wò amitibɔwo hã. 12 \"Ŋkeke ade nàwɔ wò dɔ; ke mègawɔ dɔ le ŋkeke adrelia dzi o, ale be wò nyi kple wò tedzi naɖi ɖe eme, eye wò kosi ƒe viŋutsu kple amedzro la nagbɔ ɖe eme.+ 13 \"Mikpɔ egbɔ be miewɔ nya siwo katã megblɔ na mi la dzi,+ eye migayɔ mawu bubuwo ŋkɔ o; woagase wo ŋkɔ le mia nu o.+ 14 \"Zi etɔ̃ nàɖu ŋkekenyui nam le ƒe ɖeka me.+ 15 Nàɖu Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui.+ Ðui ŋkeke adre le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi le ɣleti Abib*+ me, abe ale si tututu mede se na wò ene, elabena ɣemaɣie nèʋu tso Egipte. Ame aɖeke megado ɖe ŋkunyeme asi gbɔlo o.+ 16 Eye nàɖu Nuŋeŋeŋkekenyui;*+ si nye nu siwo nèƒã ɖe agble me la ƒe kutsetse gbãtɔwo, eye ne èƒo nu siwo nèƒã ɖe wò agble me la nu ƒu le ƒea ƒe nuwuwu la, ekema nàɖu Nukuƒoƒoƒu Ŋkekenyui* hã.+ 17 Wò ŋutsuwo katã nado ɖe Aƒetɔ vavã, Yehowa, ŋkume zi etɔ̃ ƒe sia ƒe.+ 18 \"Mègatsɔ nu ʋaʋã kpe ɖe nye vɔsalã ƒe ʋu ŋu asa vɔe o. Eye vɔsalã ƒe ami si wotsɔ saa vɔ le nye ŋkekenyuiwo dzi la megatsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. 19 \"Tsɔ wò anyigbadzikutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo va Yehowa wò Mawu ƒe me.+ \"Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.+ 20 \"Mele mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò,+ be wòadzɔ ŋuwò le mɔa dzi, eye wòakplɔ wò ava teƒe si medzra ɖo la.+ 21 Ðo toe, eye nàwɔ eƒe gbe dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o,+ elabena nye ŋkɔ le eya amea ŋu. 22 Ne èwɔ eƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nu siwo katã megblɔ la, ekema malé fu wò ketɔwo, eye matsi tsitre ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la ŋu. 23 Elabena nye dɔla adze ŋgɔwò, eye wòakplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, eye matsrɔ̃ wo keŋkeŋ.+ 24 Mègade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye mègasrɔ̃ woƒe nuwɔnawo o.+ Ke boŋ nàgblẽ wo, eye nàkaka woƒe trɔ̃sɔtiwo.+ 25 Misubɔ Yehowa mia Mawu la,+ ekema ayra wò abolo kple wò tsi.+ Maɖe dɔlélewo ɖa le dowòme.+ 26 Fu mage le nyɔnuwo ƒo alo woatsi ko le wò anyigba dzi o.+ Mana nànɔ agbe wòade edeƒe.* 27 \"Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nadze ŋgɔwò,+ made tɔtɔ dukɔ siwo katã nàkpe kplii la dome, eye mana wò futɔwo katã nasi le nuwò.+ 28 Madɔ dziɖeleameƒo* ɖe ŋgɔwò;+ eye wòanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò.+ 29 Nyemanya wo ɖa le ŋgɔwò le ƒe ɖeka me o, ne anyigba la nagaɖi gbɔlo, eye lã wɔadãwo nadzi ɖe edzi awɔ nu vevi wò o.+ 30 Manya wo ɖa le ŋgɔwò vivivi, va se ɖe esime nàdzi ɖe edzi asɔ gbɔ ahaxɔ anyigba la wòazu tɔwò.+ 31 \"Mana wò liƒo natso Ƒudzĩ la nu va se ɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbea dzi va se ɖe Tɔsisi* la nu;+ elabena matsɔ anyigba la dzi nɔlawo ade asi na mi, eye ànya wo ɖa le ŋgɔwò.+ 32 Mègabla nu kple woawo ŋutɔwo loo alo woƒe mawuwo o.+ 33 Womeganɔ wò anyigba dzi o, be woagana nàwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Ne èsubɔ woƒe mawuwo la, azu mɔ̃ aɖe wò.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"aʋatsonya.\"\n^ Alo, \"Mienya ale si agbea (luʋɔ) nɔna na amedzrowo.\"\n^ Wogayɔnɛ be Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste.\n^ Wogayɔnɛ be Agbadɔŋkekenyui (Avɔgbadɔwo).\n^ Alo, \"mana wò ŋkekewo nade keŋkeŋ.\"\n^ Alo \"vɔvɔ̃; ŋɔdzi.\"\n^ Efia, Frat-tɔsisi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-mose\/23\/","date":"2022-08-16T13:05:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882572304.13\/warc\/CC-MAIN-20220816120802-20220816150802-00714.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993270636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993270635604858}","num_words":786,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO December 8, 2000 Wokpɔtɔ Le Egbɔkpɔnuwo Dim Ðeviwo Dze na Beléle Kple Lɔlɔ̃ Wokpɔ Egbɔkpɔnua Mlɔeba! Nukata Papa Dzo le Mía Gbɔ? Tenɔnɔ Ðe Tsinyegoe Me Kuxiwo Nu Dodokpɔwo Me Toto Le Mawu ƒe Ŋusẽ Me Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋu Ahe Agbe Mavɔ Vɛa? Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã Nyɔ! Ƒe Babla 81 Lia Me Nyawo Diƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001208\/","date":"2022-08-08T09:47:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570793.14\/warc\/CC-MAIN-20220808092125-20220808122125-00328.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940561056,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940561056137085}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"51 \"Mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome,Mi ame siwo le Yehowa dim la, miɖo tom. Milé ŋku ɖe agakpe si me woɖe mi tsoeKple kpegbãƒe si me woɖe mi tsoe la ŋu. 2 Miɖe ŋku ɖe mia fofo AbrahamKple Sara+ si dzi mi la.* Elabena eya ɖekae li esime meyɔe,+Eye meyrae wòdzi ɖe edzi.+ 3 Elabena Yehowa afa akɔ na Zion.+ Afa akɔ na eƒe aƒedowo katã,+Eye wòawɔ eƒe gbegbe wòanɔ abe Eden-bɔ+ eneKple eƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ ene.+ Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ le eme,Eye akpedada kple haƒoƒo aɖi le eme.+ 4 Oo, nye dukɔ, lé to ɖe ŋunye,Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye.+ Elabena sedede atso gbɔnye,+Eye maɖo nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi abe kekeli ene na dukɔwo.+ 5 Nye dzɔdzɔenyenye tu aƒe.+ Nye xɔname ado,+Eye nye alɔwo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.+ Nyee ƒukpowo akpɔ mɔ na,+Eye woakpɔ nye alɔ* sinu. 6 Mifɔ mo dzi miakpɔ dziƒowo,Eye mide mo to miakpɔ anyigba. Elabena dziƒowo akaka eye wo nu ayi abe dzudzɔ ene;Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,Eye edzinɔlawo aku abe muwo ene. Ke nye xɔname anɔ anyi tegbee,+Eye nye dzɔdzɔenyenye nu mayi akpɔ o.+ 7 Mi ame siwo nya dzɔdzɔenyenye,Dukɔ si ƒe dzi me nye se* la le,+ miɖo tom. Migavɔ̃ amegbetɔ si kuna ƒe vlodoame o,Eye woƒe amedzudzu megadzi ŋɔ na mi o. 8 Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene,Eye tsiƒomee* aɖu wo abe lãfuvɔ ene.+ Ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee,Eye nye xɔname anɔ anyi le dzidzimewo katã me.\"+ 9 Nyɔ! Nyɔ! Oo Yehowa ƒe alɔ,+Ne nàta ŋusẽ. Nyɔ abe le blemaŋkekewo me ene, abe le dzidzime siwo va yi la ŋɔli ene. Ðe menye wòe ŋe Rahab*+ kakɛkakɛe,Eye nèƒo nu ɖe ƒumelã klitsu la oa?+ 10 Ðe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la, me tsiwo mie oa?+ Ame si na atsiaƒu gɔme zu mɔ, be ame siwo wogbugbɔ ƒle la nato edzi oa?+ 11 Ame siwo Yehowa ɖe la atrɔ agbɔ.+ Woava Zion kple aseyetsotso,+Eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.*+ Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ,Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+ 12 \"Nye ŋutɔe nye Ame si le akɔ fam na mi.+ Nu ka tae nàvɔ̃ amegbetɔ, si gbɔna kuku ge,+Kple amegbetɔvi, si ayrɔ abe gbe mumu ko ene? 13 Nu ka tae nàŋlɔ Wɔwòla Yehowa,+Ame si he dziƒowo me,+ eye wòɖo anyigba gɔme anyi ya be? Vɔvɔ̃ léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila* ƒe dziku ta,Abe ɖe wòate ŋu atsrɔ̃ wò ene. Afi kae ameteɖeanyila ƒe dziku la le? 14 Woaɖe ga ame si do dɔgɔ̃e le kɔsɔkɔsɔwo me la kpuie,+Maku ahayi yɔdo me,Alo abolo nahiãe o. 15 Ke nye Yehowae nye wò Mawu,Ame si blua atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo+—Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+ 16 Matsɔ nye nyawo ade nuwò,Eye matsɔ nye asi ƒe vɔvɔli atsyɔ dziwò,+Ne maɖo dziƒowo wo teƒe ahaɖo anyigba gɔme anyi,+Eye magblɔ na Zion be: 'Nye dukɔ nènye.'+ 17 Nyɔ! Nyɔ! Oo Yerusalem, fɔ,+Wò ame si no Yehowa ƒe dɔmedzoekplu tso eƒe asi me. Èno kplu la;Èno kplu si nana wozɔna sagasaga la ƒiaƒiaƒia.+ 18 Vi siwo katã wòdzi la dometɔ aɖeke meli akplɔe o,Eye vi siwo wònyi la dometɔ aɖeke meli alé eƒe alɔnu o. 19 Nu eve siawoe dzɔ ɖe dziwò. Ame kae ase veve ɖe nuwò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi!+ Ame kae afa akɔ na wò?+ 20 Viwòwo ku ƒenyi.+ Womlɔ kpɔdomeewo katã ƒe dzogoewo dziAbe sẽ siwo mɔ̃ ɖe ene. Abe ame siwo Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ, wò Mawu ƒe mokaname, ɖi ƒo na ene.\" 21 Eya ta ɖo to nàse nya sia,Oo, nyɔnu fukpela si mu aha evɔ mèno wain hafi o. 22 Ale wò Aƒetɔ, Yehowa wò Mawu, ame si ʋlia eƒe dukɔ ta, gblɔe nye esi: \"Kpɔ ɖa! Maxɔ kplu si nana wozɔna sagasaga,+Kplu, si nye nye dɔmedzoekplu la le asiwò;Màganoe akpɔ o.+ 23 Matsɔe ade ame siwo wɔ funyafunya wò la si me,+Ame siwo gblɔ na wò* be, 'Bɔbɔ, ne míazɔ dziwò ayi,' Ale be nètsɔ wò dzime wɔ anyigbaeAbe mɔ ene na wo be woazɔ edzi.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"si lé ku dzi mi.\"\n^ Alo, \"ŋusẽ.\"\n^ Alo, \"mɔfiame.\"\n^ Agate ŋu afia, \"ŋɔ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dzidzɔ anye fiakuku anɔ ta na wo.\"\n^ Alo, \"ame si mimia wò ɖo.\"\n^ Alo, \"wò luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/51\/","date":"2022-09-26T15:12:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334912.28\/warc\/CC-MAIN-20220926144455-20220926174455-00642.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980768561,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998076856136322}","num_words":669,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 Nya si Yesaya, Amoz vi, kpɔ ɖe Babilon ŋu+ le ŋutega mee nye esi: 2 \"Mitu dzesiti+ ɖe to ƒeƒle tame. Mido ɣli yɔ wo, mimia asi wo,Ne woava bubumewo ƒe agbowo nu. 3 Mede se na ame siwo meɖo.*+ Meyɔ nye aʋakalẽawo, ne maɖe nye dɔmedzoe afiaAme siwo le aseye tsom dadatɔe. 4 Mise ɖa! Hoowɔwɔ le ɖiɖim le towo dzi;Abe ame gbogbo aɖewo ƒe hoowɔwɔ ene! Mise ɖa! Fiaɖuƒewo,Dukɔ siwo nu woƒo ƒu la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim!+ Aʋakɔwo ƒe Yehowa le aʋakɔwo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.+ 5 Wotso anyigba didi aɖe dzi gbɔna,+Tso dziƒowo ƒe mlɔenu,Yehowa gbɔna kple eƒe dziku ƒe aʋawɔnuwo,Be woatsrɔ̃ anyigba blibo la katã.+ 6 Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe! Egbɔna abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe tsɔtsrɔ̃ ene.+ 7 Esia tae asiwo katã ado agblɔ,Eye ame sia ame ƒe dzi alólo gbanaa.+ 8 Vɔvɔ̃ lé amewo,+ Wole ƒoƒom tititi le veve sem;Abe nyɔnu si le ku lém ene. Wofɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gãa,Eye vevesese na woƒe mo do ʋusrã. 9 Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔnaEgbɔna kple ŋutasesẽ le dɔmedzoe kpakple dziku helĩhelĩ me,Ne wòana anyigba la nazu ŋɔdzinu,+Eye wòatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo ɖa le anyigba la dzi gbidii. 10 Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe ɣletivihatsotsowo*+ gɔ̃ hãMana woƒe kekeli naklẽ o;Ne ɣe dze la, ado viviti,Eye dzinu maɖi o. 11 Mabia akɔnta anyigba la ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta,+Kple ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe vodadawo ta. Mana dadalawo ƒe dada nu natso,Eye mabɔbɔ ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe anyi.+ 12 Mana amegbetɔ nave wu sika si ŋu wodza,+Eye mana amegbetɔ nave wu Ofir sika.+ 13 Esia tae mana dziƒo nadzo kpekpekpe,Eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe+Le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dɔmedzoe kple dzikudogbe. 14 Abe sãde si wonya ɖe nu kple lãha si nu kplɔla mele o ene la,Wo dometɔ ɖe sia ɖe aɖo ta eƒe dukɔ gbɔ;Wo dometɔ ɖe sia ɖe asi ayi eƒe anyigba dzi.+ 15 Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si ŋu woake ɖo,Eye ame sia ame si woalé la atsi yi nu.+ 16 Woaxlã wo viwo ɖe nu le wo ŋkume.+Woaha woƒe aƒewo,Eye woadɔ wo srɔ̃wo gbɔ sesẽe. 17 \"Kpɔ ɖa! Made adã tame na Mediatɔwo ɖe wo ŋu,+Ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,Eye sika medzroa wo o. 18 Woƒe dawo até ɖekakpuiwo aƒu anyi;+Womakpɔ nublanui na fu nɔdɔmee o,Womakpɔ nublanui na viwo o. 19 Babilon, si nye fiaɖuƒewo ƒe atsyɔ̃,+Kaldeatɔwo ƒe adegbeƒonu kple atsyɔ̃,+Azu abe ale si Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.+ 20 Ame maganɔ eme akpɔ o,Eye maganye teƒe si ame anɔ o tso dzidzime yi dzidzime.+ Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,Eye alẽkplɔlawo mana woƒe lãhawo natsyɔ akɔ ɖe afi ma o. 21 Lã siwo nɔa dzogbe la atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma;Eye favieʋutowo ayɔ woƒe xɔwo me. Golowo* anɔ afi ma,+Eye gbegbɔ̃wo* aɖi adzrɔ le afi ma. 22 Lãwo anɔ xɔxlɔ̃m le eƒe xɔ tsralawo me,Eye agbotoewo anɔ eƒe fiasã dzeaniawo me. Eƒe azãgbe gogo, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"nye ame siwo ŋu mekɔ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"kple woƒe Kesil,\" ɖewohĩ ɣletivihatsotso si ɖi avu kple avutɔ kple eŋu ɣletivihatsotsowoe wowɔnɛ.\n^ Alo, \"tsatsaboliwo.\"\n^ Agate ŋu afia, \"gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le abe gbɔ̃wo ene.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/13\/","date":"2022-09-30T07:15:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335444.58\/warc\/CC-MAIN-20220930051717-20220930081717-00060.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99832201,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983220100402832}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŊLɔ NA TITO\nKpɔkplɔyiɖeme:\nTito nye ɖekakpui aɖe si va zu kpeɖeŋutɔ na Paulo. Le Tito ƒe\nŋutete, kutrikuku kple mawuvɔvɔ̃ ta la, Paulo tsɔe ɖo hame si\nnɔ Kreta la nu. Agbe vlo nɔnɔ xɔ aƒe ɖe Kretatɔwo me ale\ngbegbe be kristotɔ nyui nyenye va zu nu sesẽ na kristotɔ\ngeɖewo eya ta Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hamea dzikpɔla, Tito,\neye wòfia asi ame siwo tɔgbi Tito atia be woakpe ɖe eŋu le\nhamea dzikpɔkpɔ me la nɛ. Egaƒo nu le ale si kristotɔwo nanɔ\nagbe le tomefafa, nɔvilɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me la hã ŋu.\nEmenyawo: 1. Gbedoname, 1:1 4\n2. Hamedzikpɔlawo tiatia, 1:5-9\n3. Sidzedze aʋatsonufialawo, 1:10-16\n4. Nu vavãtɔwo fiafia, 2:1-15\n5. Ale si wòle be Tito kple xɔsetɔ bubuawo nazɔe, 3:1-11\n6. Taƒonyawo kple yayranyawo, 3:12-15\n1 Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo\nƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia mawusosroɖa gbɔe, 2 xɔse kple\nsidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si Mawu ame si medea alakpa o\nla do eƒe ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, 3 eye woɖe eƒe nya la ɖe go fia le\neya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtso de asi nam le Mawu, mía\nɖela la, ƒe gbeɖeɖe nu.\n4 Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mia si la nu.\nAmenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía ɖela gbɔ la\nnanɔ kpli wò.\nTito ƒe dɔdeasi le Krete\n5 Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo eye nàɖo\nhamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wòe ene. 6 Ele na hamemegã\nbe wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe\nasi eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7 Esi wònye be\nwotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ,\nManye dadala alo ame si doa dziku kabakaba o, manye aha tsu nola o, manye ame si\nwɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame\nsi lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe eye wòwɔa nu ɖe\nɖoɖo nu. 9 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesῖe abe ale si wofiae ene ale be\neya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo eye wòatsi ɖeklemiɖelawo\nƒe nya nu.\n10 Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple\nameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. 11 Ele be woatsi woƒe\nnuwɔnawo nu elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o\nla fiafia me eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. 12 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo\ndometɔ ɖeka gblɔ gɔ̃ hã be, \"Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa wonye lã vɔ̃ɖiwo kple\nnu tsu ɖula kuviatɔwo\" 13 ɖaseɖiɖi sia le eteƒe eya ta ka mo na wo vevie ale be\nwoade blibo le xɔse la me, 14 eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame\nsiwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. 15 Ame siwo dza la, nu sia nu le\ndzadzɛ na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le eye womexɔ se o la, naneke mele dzadzɛ\nle wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. 16\nWogblɔna be yewonya Mawu gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me.\nWonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.\nNu siwo wòle be woafia hatsotso vovovoawo\n2 Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. 2 Fia ame tsitsiwo be woafa\ntu woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃\nkple tenɔnɔ me. 3 Nenema ke fia nyɔnu tsitsiawo be woafa tu eye woabu ame le\nwoƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam nɔa nya vlowo gblɔm\ntso amewo ŋu o, eye womanye aha tsu nolawo hã o. 4 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia\nɖetugbiwo ale si woafa tui eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo. 5 Fia wo be woanye\nɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo\nbɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magagblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe\nnya la ŋu o.\n6 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. 7 Tsɔ\nɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me to nu si nyo la wɔwɔ me. ɖe\nnuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me. 8 hekpe ɖe esiawo ŋu la, wò\nnuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o ale be ŋu nakpe ame siwo tsia\ntre ɖe ŋuwò, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.\n9 Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba\nawɔ nu adze wo ŋu eye womegaɖe nya nu na woƒe aƒetɔwo o. 10 Fia wo hã be\nwomagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo\nɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe ɖela, ŋu\nwòadze ame ŋu.\n11 Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la, do na amewo katã. 12\nEfia mí be míagblɔ \"Ao\" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo eye míanɔ\nagbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, le fifi xexeame, 13 esi\nmíele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe\nMawu gã kple ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. 14 Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía\nta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye\neya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo.\nAle si wòle be kristotɔ nanɔ agbee\n3 ɖo ŋku edzi na wò amewo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo;\nele be woaɖo to wo eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣesiaɣi. 2 Mele\nbe woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame\nfafawo eye woabu ame sia ame.\n3 Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí\neye míezu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple\nŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo eye woawo hã lé fu mí.\n4 Ke esi ɣeyiɣia de be Mawu, mía ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, 5 eɖe\nmí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple\nnublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si\nwòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. 6 Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe\nmía dzi eye wona wosɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía\nɖela wɔ la ta, 7 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo\ngbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la\nme. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. 8 Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be\nnàte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie\nbe wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe\ngeɖe vanɛ na ame sia ame.\n9 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o\nkple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. ɖe ɖokuiwò ɖa le\nnyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia\ntɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ. 10 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome\nla, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le\neƒe nya me o, 11 elabena ame ma tɔgbi medaa asixɔxɔ vavãtɔ ɖe nu nyui dzi o. Ele\nnu vɔ̃ wɔm eye eya ŋutɔ nya nenema.\nDzesidenya mamlɛawo\n12 Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka\nva ɖo la, nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ\nafi ma le vuvɔŋɔlia me. 13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zena, senyala la,\nkple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo. 14\nFia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nyuiwɔwɔ me ale be\nwoate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo eye womanɔ agbe maɖevi o.\n15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a\nmí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/togochretien.com\/ewe-tite\/","date":"2022-09-26T12:36:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334871.54\/warc\/CC-MAIN-20220926113251-20220926143251-00764.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975650907,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975650906562805}","num_words":1463,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biabia\nAme ka enye Kristotɔ?\nŊuɖoɖo\nNyagɔmeɖegbalẽ me gɔmeɖeɖe na Kristotɔ anye nane si sɔ kple \"ame si gblɔna be Yesue nye Kristo alo subɔsubɔha si wotu ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi dzi se.\" Togbɔ be esia nye gɔmedzedze nyui aɖe hã la, abe nyagɔmeɖegbalẽ me gɔmesese geɖe ene la, edzea anyi vie le Biblia me nyateƒe si ku ɖe nusi wòfia be woanye Kristotɔ ŋu la gbɔgblɔ ŋutɔŋutɔ me. Wozã nya \"Kristotɔ\" zi etɔ̃ le Nubabla Yeyea me (Dɔwɔwɔwo 11:26; 26:28; Petro I, 4:16). Woyɔ Yesu Kristo yomedzelawo gbã be \"Kristotɔwo\" le Antioxia (Dɔwɔwɔwo 11:26) elabena woƒe nuwɔna, dɔwɔna, kple nuƒoƒo nɔ abe Kristo ene. Nya \"Kristotɔ\" gɔme ŋutɔŋutɔe nye, \"Kristo ƒe akpaa me tɔ\" alo \"Kristo yomedzela.\"\nNublanuitɔe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nya \"Kristotɔ\" megava le vevie ŋutɔ o eye wozãnɛ zi geɖe na ame aɖe si nye mawusubɔla alo agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo le esi gake ate ŋu anye Yesu Kristo yomedzela vavã alo menyee o. Ame geɖe siwo mexɔ Yesu Kristo dzi se heka ɖe edzi o la bua wo ɖokui Kristotɔwo le esi woyia sɔleme alo \"Kristotɔwo\" dukɔ aɖe mee yewole ta ko. Gake sɔleme yiyi, ame siwo ƒe dzɔgbenyui mede gbɔwò o subɔsubɔ, alo ame nyui nyenye mena nèzu Kristotɔ o. Sɔleme yiyi menaa nèzu Kristotɔ abe alesi ʋudzraɖoƒe yiyi nana nèzua ʋu ene o. Sɔlemeha aɖe me tɔ nyenye, subɔsubɔdɔwo dede edziedzi, kple nunana na sɔlemeha la ƒe dɔwo mena nèzu Kristotɔ o.\nBiblia fia nu be dɔ nyui siwo míewɔna mate ŋu ana Mawu nadze mía ŋu o. Tito 3:5 gblɔ be, \"Menye nu dzɔdzɔe siwo míewɔ tae wòxɔ na mí o, ke boŋ le eƒe nublanuikpɔkpɔ ta. Eɖe mí to gbugbɔgadzi kple yeyewɔwɔ ƒe kɔklɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.\" Eyata, Kristotɔ nye amesi Mawu dzi gbugbɔgadzi (Yohanes 3:3; Yohanes 3:7; Petro I, 1:23) eye wòxɔ Yesu Kristo dzi se heɖo ŋu ɖe eŋu. Efesotɔwo 2:8 gblɔ na mí be \"...to amenuveve me woɖe mi, to xɔse me—eye esia metso mia ŋutɔwo gbɔ o, Mawu ƒe nunanae.\"\nKristotɔ vavã nye ame si xɔ Yesu Kristo ƒe amenyenye kple dɔwɔwɔ dzi se eye wòka ɖe edzi, si me eƒe ku le atitsoga ŋu abe nu vɔ̃wo ƒe fexexe ene kple eƒe tsitretsitsi le ŋkeke etɔ̃agbe hã le. Yohanes 1:12 gblɔ na mí be, \"Ke ame siwo katã xɔe la, ame siwo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena gome be woazu Mawu ƒe viwo.\" Kristotɔ vavã ƒe dzesi enye lɔlɔ̃ na ame bubuwo kple toɖoɖo Mawu ƒe Nya (Yohanes I. 2:4, 10). Kristotɔ vavã nye Mawu ƒe vi vavã, enye Mawu ƒe ƒome vavã la ƒe akpa aɖe, eye wònye amesi wona agbe yeye le Yesu Kristo me.\nÐe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi \"Mexɔ Kristo egbea\" ƒe dzesi si le ete la dzi.\nEnglish\nAme ka enye Kristotɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.gotquestions.org\/Ewe\/Ame-ka-enye-Kristote.html","date":"2022-12-04T05:08:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710962.65\/warc\/CC-MAIN-20221204040114-20221204070114-00698.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954668283,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954668283462524}","num_words":469,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe Siwo Me Wokpɔa Dzidzɔ Le Wu Yea?\nŊDI ga ade kple afã ƒo le Soweto, South Africa, eye vuvɔ le wɔwɔm ale gbegbe. Ele be Evelyn nafɔ. * Esi wònye dzoxɔxɔnamɔ̃ mele eƒeme o ta la, mele ekpam kura o.\nEvelyn te ɖɔɖɔɖɔ va abatia to heɖiɖi eƒe klo siwo le eɖum la blewu. Enɔ anyi ɖe abatia to sẽ. Vevea nu va ɖiɖi vie. Edo ŋusẽ eɖokui hetso. Ele ŋeŋem. Eɖo asi ali hete ɖɔɖɔɖɔ abe alesi \"ʋetsuviwo tea toxlolo\" ene, yi tsileƒe.—Nyagblɔla 12:5. *\nEvelyn gblɔ be: 'Medze agbagba ŋutɔ!' Menye ŋu bubu koe ke ɖee o, ke boŋ ete ŋu tso ɖe eƒe klo siwo le evem hã dzi.\nGake nu bubu hã ganɔ susu me nɛ. Evelyn gblɔ be: \"Ekpɔtɔ vie ko nye susu maganɔ nu lém o.\" Ɣeaɖewoɣi la, meganyana afisi wòda eƒe safuiwo ɖo o gake eƒe susu kpɔtɔ le te. Evelyn gblɔ be: \"Gbe ko medona ɖa be magava nɔ nu ŋlɔm be keŋkeŋ abe alesi wòdzɔna ɖe ame tsitsi aɖewo dzi ene o.\"\nLe Evelyn ƒe ɖetugbi me la, mebu eŋu kpɔ be aleae nyagãkuku nɔna o. Esi wònye ame mesẽna tsina o ta la, ɖeko ƒeawo va yi kabakaba, eye alesi wòsea vevee la ɖoa ŋku edzi nɛ ɣesiaɣi be exɔ ƒe 74.\nAme tsitsi siwo mesea veve abe Evelyn ene o, eye dɔléle kple dzimaɖitsitsi meɖea fu na wo boo o, la ate ŋu abu woƒe amegãkuɣi be enye ƒe siwo me yewokpɔa dzidzɔ le wu. Amesiawo ate ŋu 'aku amegã ɖeɖi, woatsi ŋutɔ eye woƒe dzi nadze eme,' abe alesi blemafofo Abraham tsii ene. (Mose I, 25:8) Ame bubuwo toa \"ŋkeke kple ƒe vɔ̃wo\" me eye nya si woagblɔ koe nye be: \"Agbe mele nunye vivim o.\" (Nyagblɔla 12:1, Today's English Version) Le numekuku aɖe si wowɔ me la, ame geɖe bu dzudzɔxɔxɔledɔme be enye nuxaɣi ale gbegbe be Newsweek magazine doe ɖa be woagagblɔ tso tsitsi me ƒeawo ŋu be wonye dzidzɔɣi o, ke boŋ nuxaɣiwo.\nNukae nèsusuna tso amegãkuku ŋu? Kuxi siwo ame tsitsiwo doa goe la dometɔ aɖewo ɖe? Ðe wòfia godoo be ne ame ku amegã ko la, eƒe susu magaɖa oa? Nukae ame tsitsiwo ate ŋu awɔ be woƒe dzi nadze eme?—g2\/06.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me.\n^ mm. 3 Wolɔ̃ ɖe edzi be tsitsi me kuxiwo ŋue Biblia-gbalẽ si nye Nyagblɔla ƒe akpa sia si woŋlɔ abe hakpanya ene le blema la ku ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200604\/%C6%91e-Siwo-Me-Wokp%C9%94a-Dzidz%C9%94-Le-Wu-Yea\/","date":"2022-12-07T17:18:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446711200.6\/warc\/CC-MAIN-20221207153419-20221207183419-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989666939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989666938781738}","num_words":403,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nunya Foundation na Ewegbegbalewo Dzelukope E.P. Basic School\nNunya foundation, habɔbɔ nɔ ɖokuisi aɖe wɔ nunana tɔxe na Dzelukoƒe EP. gɔmedzesuku le Keta nutome. Nunanawo nye Eʋegbegbalẽ vovovo si wo ƒe home ade ₵1,500 kple edzivɔ.\nAgbalẽawo ƒe ɖewoe nye Nyaseto 1 & 2, Nunyamɔ 2B, 3B kple 5B, Agbe Nye Nu Si Newɔe, Kesinɔnu Kple Yayra, Nya Zɔzɔ, Tɔkɔ Atɔ̃lia, Do Eʋegbe Mase I kple bubuawo.\nEfo Michael Deh amesi wo ga yɔ na be Keta Yevu eye wonye Nunya Foundation hametɔ lae tia suku sia na dɔ sia wɔwɔ.\nAƒetɔ Christian Zogli, si nye habɔbɔ la ƒe zimenɔla la ɖe susu si ta woɖo habɔbɔ la gblɔ na nutis.org be yewo kpɔe be gbe la dodo, eŋɔŋlɔ kple exexlẽ le to yim, eye ne ame aɖe ke meɖe afɔ ɖe eŋu o la gbea aku. Susu sia tae yewo ɖoe le Nunya Foundation be, ele be yiwo agbɔ agbe Eʋegbe la, vevietɔ le sukuviwo dome.\nChairman Christian Zogli\nHabɔbɔ la ƒe afɔ si woɖe la do dzidzɔ na sukuviwo kple nufialawo kpakple wɔna la teƒekpɔlawo katã.\nDzelukoƒe EP Gɔmedzesukutatɔ Aƒetɔ William Dumeda gblɔ le wɔna la teƒe be, taflatse, agbale siwo yewo hĩa na Eʋegbesɔsrɔ̃ la ƒe ɖeke me le yewo si o, eyata afɔɖeɖe sia do dzidzɔ na yewo alegbegbe.\nAƒetɔ William Dumeda – Tatɔ, Dzelukoƒe E.P Gɔmedzesuku\nDumegã ESK Kwau amesi wɔ dɔ kpɔ abe sukutatɔ ene le KETASCO la nɔ wɔna sia teƒe. Efa konyi tso alesi egbeviwo trɔ Eʋegbe la tatu hafi do na zi geɖe la ŋuti vevie. Eƒo abɔta na Nunya Foundation le woƒe agbagba dzedze be yewo agbɔ agbe Eʋegbe la ta eye wodoe ɖe Eʋeviwo katã le aƒe kple gbe sia gbɔ be woado alɔ habɔbɔ la hena dɔ la ƒe takeke.\nNunya Foundation do ŋgɔ wɔ nunana sia ƒomevi na Agotime Akpokɔpe DA Basic School, Agotime – Ziope nutome., Amedzikope RC Basic School, Ketu South nutome, kple Tsavanya DA Basic School, South Tongu nutome.\nNunya Foundation, tɔwo bia be ame sia ame na kpe ɖe yiwo ŋuti hena habɔbɔ la ƒe zɔɖeɖe alebe taɖodzinu si nye be Eʋegbe na nɔ agbe ne megbeviwo la na teŋu ava eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/nutis.org\/nunya-foundation-na-ewegbegbalewo-dzelukope-e-p-basic-school\/","date":"2022-11-26T18:26:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446708046.99\/warc\/CC-MAIN-20221126180719-20221126210719-00878.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969701767,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969701766967773}","num_words":354,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"HO-ƔETOƉOƑE NUTOME: TSIBUTƆWO DO ALƆ WOƉOKUIWO LE MƆDONYAWO ME\nTsibu Awudome nyɔnufiagã Mama Adzadibea I kpɔ dzidzɔ ɖe dumeviwo ƒe afɔ si woɖe ɖe duame mɔ la dodo ŋu.\nEfa konyi be Tsibu Awudome si nye Ho-Ɣetoɖoƒe nutome duwo dometɔ ɖeka la va le ko abe tɔdomekpo ene le Dayi Anyiehe nutowo abe Peki, Toɖome, Adzokoe kple bubuawo ene la dome, esi wɔe be tutuɖo nyawo he ɖe megbe blibo.\nMɔdodo si to duame la xɔ ƒe 60 gbɔ eŋu. Tsi ƒe tsatsa to du la me gblẽ mɔ la keŋ eye edzi katã zu glidzaglidza. Edzi zɔzɔ kple lɔri la nye taɖui na dumeviwo. Amewo ƒe xɔwo hã te ɖu ƒioƒioƒio. Nɔnɔme sia tututu na dumeviwo be woawɔ nane aɖe du la tso tsi ƒe nu gbegblẽ me.\nLe esia ta, Aƒetɔ George Aggrey nɔ ŋgɔ na duame sɔhewo eye wodzɔ ga ɖe mɔ la dodo ŋu. Wokpɔ mɔ na dziɖuɖu ʋuu nu ti kɔ na wo.\nEsi #NUTITV ɖo dze kple aƒetɔ George Aggrey la, egblɔ be 'míede Ghana Highways dɔwɔƒe me le Ho, wova do mɔ kpɔ ɖa be ga nenie woatsɔ wɔ mɔ na mí hã. Wova kpɔe eye wodzidze teƒea hena míenya be ga si ayi ɖe dɔa me la ade GHC90,000.'\nTsibuviwo le aƒe kple gbe sia le ga dzɔm de ɖoɖo sia me eye dɔ la ƒe afɔtsɔtsɔ nye dzesi be wotsɔ ɖe le dua ƒe ŋgɔyiyi me.\nAƒetɔ Emmanuel Kwasi Bedzra, ame si nye Ho-Ɣetoɖoƒe sewɔtakpekpemenɔla la ɖe eƒe dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe dɔ nyuie si Tsibuviwo de tome la fia eye wòtsɔ GHC10,000 do alɔ dɔ la.\nMamaga Adzadibea gbãtɔ, be kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe mele yiwo gbɔ o eye 'Pekitɔwo mexɔ mìaƒe nya o eya ta ne nya aɖe dzɔ la, ɖe míƒoa xlã toa ado to Asikuma hafi ayi ɖe Tsito alo Anyirawase hafi akpɔ kpovitɔwo'\nMamagã be yewo hiã kpekpeɖeŋu na Tsibu Vocational School asinudɔsrɔ̃suku la, ne wòate ŋu axɔ ŋusēdodo (accreditation) hena sukuviwo kple nufialawo xɔxɔ le agbɔsɔsɔ me.\nEbia be Tsibuvidzidzi ɖe sia ɖe natsɔ ɖe le du la ƒe ŋgɔyiyi me.\nEŋlɔla Nutifafa Feyi","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/nutis.org\/tag\/dzolokpuita-district\/","date":"2022-11-28T15:07:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710533.96\/warc\/CC-MAIN-20221128135348-20221128165348-00239.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998265326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":16,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982653260231018}","num_words":346,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Eya ta gbã la, mele nu xlɔ̃m mi be mianɔ kokoƒoƒowo, gbedodoɖawo, kukuɖeɖewo kple akpedadawo dzi ɖe ame ƒomeviwo katã ta, 2 ɖe fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta,+ ale be míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo kple moveviɖoɖo katã me.+ 3 Nu sia nyo, eye wòsɔ le Mawu, mía Xɔla ŋkume,+ 4 ame si ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã,+ eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si. 5 Elabena Mawu ɖeka+ kple domenɔla*+ ɖeka si le Mawu kple amegbetɔwo dome,+ ame si nye Kristo Yesu ye li,+ 6 ame si tsɔ eɖokui na wònye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta*+—nu sia ŋue wòle be woaɖi ɖase le le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. 7 Ðaseɖiɖi+ sia tae woɖom gbeƒãɖela kple apostolo+ kple dukɔwo ƒe nufiala+ le xɔse kpakple nyateƒe ƒe nya la me ɖo—nyateƒe tom mele, nyemele aʋatso kam o.\n8 Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nanɔ gbe dom ɖa, eye woawu asiwo dzi le kɔkɔenyenye me,+ dzikudodo+ kple glãkahehe+ manɔmee. 9 Nenema kee nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui me,* le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me, menye le ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo me o,+ 10 ke boŋ woaɖo atsyɔ̃ abe ale si wòdze nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu+ la ene, le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.\n11 Nyɔnu nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi me le ɖokuibɔbɔ blibo me.+ 12 Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ be wòazi ɖoɖoe.+ 13 Elabena Adam ye wowɔ gbã, emegbe la, Xawa.+ 14 Eye menye Adam ye woble o, ke boŋ nyɔnu lae woble vevie,+ eye wòdze vodada me. 15 Gake woakpɔ nyɔnu ta dedie to vidzidzi me,+ ne eyi edzi* zɔ le xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔenyenye kpakple ŋuɖɔɖo me ko.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/54\/2#v=54:2:9-54:2:10","date":"2022-12-10T01:19:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446711637.64\/warc\/CC-MAIN-20221210005738-20221210035738-00675.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991593361,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991593360900879}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be, sɔhɛ siwo le Amerika 80 le 100 me doa gbe ɖa, gake 40 le 100 me koe doa gbe ɖa gbe sia gbe. Ðikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo anɔ susum be: 'Nuwɔna dzro aɖe si nana ame ƒe dzi dzea eme koe gbedodoɖa nyea, alo eyi ŋgɔ ema?'\nNu kae nye gbedodoɖa?\nGbedodoɖae nye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple nuwo katã Wɔla la. Bu nu si esia fia ŋu kpɔ! Yehowa de ŋgɔ wu amegbetɔwo le go ɖe sia ɖe me, ke hã \"mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ . . . o.\" (Dɔwɔwɔwo 17:27) Le nyateƒe me la, amekpekpe wɔnuku sia le Biblia me be: \"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.\"—Yakobo 4:8.\nAleke nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu?\nMɔ ɖeka si dzi nàtoe nye gbedodoɖa—mɔ sia dzie nàto aɖo dze kple Mawu.\nMɔ bubue nye Biblia sɔsrɔ̃—mɔ ma dzie Mawu tona ƒoa nu na wò.\nKadodo sia tɔgbi—gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃—ye akpe ɖe ŋuwò be xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli nanɔ wò kple Mawu dome.\n\"Nuƒoƒo kple Yehowa, si fia dzeɖoɖo kple Dziƒoʋĩtɔ la, ye nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ siwo su amegbetɔwo si la dometɔ ɖeka.\"—Jeremy.\n\"Ale si mele sesẽm le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ gbɔgblɔ na Yehowa nana mesena le ɖokuinye me be mete ɖe eŋu wu.\"—Miranda.\nÐe Mawu ɖoa toa?\nNe èxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã—eye nèdoa gbe ɖa nɛ gɔ̃ hã la—ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi be nàka ɖe edzi be eɖoa to mí vavã. Ke hã, Biblia yɔ Yehowa be \"Gbedodoɖasela.\" (Psalmo 65:2) Ekpe mí gɔ̃ hã be 'míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi.' Nu ka ta? 'Elabena eléa be na mí.'—1 Petro 5:7.\nBu nya sia ŋu: Ðe nèdia ɣeyiɣi ɖoa dze kple xɔwò veviwo edziedzia? Àte ŋu aɖo dze kple Mawu hã nenema. Nɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi eye nànɔ eƒe ŋkɔ Yehowa zãm. (Psalmo 86:5-7; 88:9) Nyateƒee, Biblia kpe wò be, 'nɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.'—1 Tesalonikatɔwo 5:17.\n\"Gbedodoɖa nye dzeɖoɖo le nye kple Fofonye si le dziƒo la dome, si me megblɔa nye dzimenyawo katã nɛ le.\"—Moises.\n\"Megblɔa nye dzimenya veviwo na Yehowa abe ale si ko magblɔ wo na nɔnye alo xɔ̃nye vevi ene.\"—Karen.\nNu kawo ŋue mate ŋu ado gbe ɖa tsoe?\nBiblia gblɔ be: \"Le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.\"—Filipitɔwo 4:6.\nÐe ema fia be esɔ be nàdo gbe ɖa tso wò kuxiwo ŋua? Ɛ̃! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: \"Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.\"—Psalmo 55:22.\nGake wò gbedodoɖawo meganye wò kuxiwo ɖeɖe ko gbɔgblɔ na Mawu o. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Chantelle gblɔ be: \"Nye kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔ manye nyuitɔ ne kpekpeɖeŋu ko biam manɔ tso egbɔ ɣesiaɣi o. Mekpɔe be ele be mada akpe nɛ gbã, eye ele be nu siwo ta mada akpe nɛ ɖo la nasɔ gbɔ.\"\nBu nya sia ŋu: Nu kawo tae nèdaa akpe ɖo le wò agbe me? Ðe nàte ŋu abu nu etɔ̃ aɖewo siwo tae nàda akpe na Yehowa ɖo egbea?\n\"Àte ŋu ado gbe ɖa ada akpe na Yehowa ɖe nu suetɔ, abe ne èkpɔ seƒoƒo aɖe wònya kpɔ na wò ene, gɔ̃ hã ta.\"—Anita.\n\"De ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe si wɔa nuku na wò alo mawunyakpukpui aɖe si wɔa dɔ ɖe dziwò ŋu eye nàda akpe na Yehowa ɖe eta.\"—Brian.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nu-ka-tae-w%C3%B2le-be-mado-gbe-%C9%96a\/","date":"2022-12-02T12:41:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710902.80\/warc\/CC-MAIN-20221202114800-20221202144800-00343.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955891967,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955891966819763}","num_words":549,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míexɔ wò nyuie ɖe ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmeɖeɖea me www.GotQuestions.org!\nWoŋlɔ axa siwo le mía si le ɛβɛɡbɛ me la ɖe ete:\nNya Nyui la\nAgbe avɔ su asiwòa?\nÈxɔ Tsɔtsɔkea? Ale ke mawɔ axɔ tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ?\nNu kae wòfia be nàxɔ Yesu be enye wò ŋutɔ wò Ðela?\nNu ka enye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ la?\nAme ka enye Kristotɔ?\nÐeko metsɔ nye xɔse ɖo Yesu dzi teti koe nye ema...azɔ nu ka mawɔ?\nBiabia siwo le vevie ŋutɔ\nÐe Mawu lia? Ðe kpeɖodzi li be Mawu lia?\nAme ka enye Yesu Kristo?\nÐe Yesu nye Mawua? Ðe Yesu gblɔ kpɔ be Mawue yenyea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.gotquestions.org\/Ewe\/","date":"2023-02-04T22:45:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500154.33\/warc\/CC-MAIN-20230204205328-20230204235328-00221.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940568209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940568208694458}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbenya La\nÉwé\nBiblica, The International Bible Society, nana be Mawu ƒe nya la ɖoa amewo gbɔ to Biblia la gɔmeɖeɖe, Bibliatata kple Bibliasɔsrɔ̃ wɔnawo me le Afrika, Asia, Pacific, Europe, Latin Amerika, Middle East, North Amerika kple South Asia. Ɖe woƒe dɔ siawo wɔwɔ le xexea me godoo ta la, Biblica hã xɔ amewo ɖe dɔ me be woakaka Mawu ƒe Nya la, be amewo ƒe agbenɔnɔ natrɔ to woƒe kadodo me nɔnɔ kple Yesu Kristo me.\nBiblica, Inc.\nAL PUBLISHERLearn More","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.bible.com\/versions\/1613-AL-agbenya-la","date":"2023-03-31T04:27:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949533.16\/warc\/CC-MAIN-20230331020535-20230331050535-00278.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972317219,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972317218780518}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bubutɔ Benjamin Kpodo, Sewɔƒemenɔla na Ho Titina Ametsa-nutoa, de abi anyigba ŋu hena ŋkuυuυui sukuxɔ, xɔ ɖeka xɔ ade aɖe tutu ɖe Tanyigbe le Ho nutoa me, le Fiɖa, dziŋu atɔlia ƒe ŋkeke wuiɖekɛa gbe le ƒe sia me.\nSukuxɔ ƒe anyimanɔmanɔ nye nane si doa nuƒo na Tanyigbe Anyigbe gɔmedze Sukua si wɔe be, nufiafia kple nusɔsrɔ yia dzi le nɔnɔme madeamedziwo me si nu gblem vevie le ɖeviawo ƒe dodokpɔmetsonuwo ŋu. Ke ame geɖe mɔ kpɔm be nenye be wowu xɔtutuawo ŋu la nuwo atrɔ ade ame dzi.\nSukuxɔ si woatu si ŋu sukutatɔ ƒe ɔfis, amedeƒe, agbalẽxlẽƒe kple suku-nuzazãwo dzraɖoƒe akpe ɖoa, ƒe home ade Ghana cedi 525,000 alebe LISIT Company Limited dɔwɔƒeae akpɔ dɔa dzi eye mɔkpɔkpɔe nye be, dɔwɔna awu nu le ɣleti asiekɛ megbe.\nSewɔƒemenɔla de dzesie le eƒe gbedasi si wòna le wɔna me be, togbɔ be ye naa nu vevi geɖe sukuwo le nutoame hena woƒe nusɔsrɔ̃kple nufiafiãhã, woƒe dodokpɔmetsonuwo mele ame dzi dem o, si na be yeɖo be yeatu ŋkuυuυui sukuxɔ siawo tɔgbi be wòado ŋuse nufialawo kple sukuviwo be woagbugbɔ agblã ɖe woƒe dɔdeasiwo ŋu.\nEɖe eme be hafi agbalēsrɔnyawo natsɔ afɔ nyuie le nutoa mea, ehia be yewoatrɔ asi le sukuawo ƒe nuzazãwo ŋu woanye ŋkuυuυuitɔwo bena sukuviawo ƒe dzi nadze eme ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ŋuti abe alesi wòle le dugãme sukuwo me ene.\nAƒetɔ Kpodo be yeƒe agbowo le υuυu ɖi na fiawo kple nufialawo sia be yewoade ŋugblẽ tso agbalẽsrɔnyawo tutuɖo ŋu le nutoa me. Eyi dzi heƒoe ɖe dzilawo ŋu be woawɔ woƒe dɔdasiwo nyuie be woviwo natsi azu ame-wɔnuteƒewo na dukɔa le etsɔ me.\nLe Aƒetɔ Kpodo si nye Tanyigbe vidzidzi ƒe wɔna me yiyi mea, fiawo, dumeviwo kple nufialawo do ɖe eŋυ le agbɔsɔsɔ me hedo dzaa nɛ.\nAƒetɔ John Teku, si xɔɖeasi dɔ wɔm abe Amugã Nutome Agbalẽsrɔnyawo Dzikpɔla enea, nɔ wɔna teƒe abe amekpekpe tɔxɛe wodometɔ ɖeka ene. Ekafu Aƒetɔ Kpodo vevie ɖe eƒe wɔƒe le agbalẽsrɔnyawo tutuɖo le nuto bliboa mea ŋuti.\nEbe sukuxɔ si tɔgbi tuge wolea, hia vevie elabe agado ŋuse nusɔsrɔ kple nufiafia ɖe edzi alebe, eƒo koko na ame siwo tsɔ ɖe le eme na agbalẽsrɔnyawoa be woado alɔ̃ sukua kple agbalẽxexlẽwo kpe ɖe nuhahiã bubuwo ŋu nenye be dɔa wu enu.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/bubut%C9%94-kpodo-de-kpe-do-hena-nku%CF%85u%CF%85ui-sukux%C9%94-tutu-%C9%96e-tanyigbe\/","date":"2023-03-30T17:59:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949355.52\/warc\/CC-MAIN-20230330163823-20230330193823-00714.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989649057,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989649057388306}","num_words":376,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Garrick Sokari Braide\nGarrick Sokari Braidenye Afrikatɔ mawunyagblɔla.\nGarrick Sokari Braide(ƒe 1882-1918)nye Afrikatɔ mawunyagblɔla.Wodzi Braide le Obonoma le NigerDelta nutoa me, eye wòtsi le Bakana.Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1910 me esime wòxɔ ƒe 28, eye woɖo kpe edzi le ƒe 1912 me.\nBraide gblɔ Afrikatɔwo ƒe mɔnu bubu aɖe si woate ŋu azã ɖe nyanyuigbɔgblɔ si wozãna le blema teƒe.Le esi teƒe be wòafia dzixɔsewo la, trɔ̃wo tsɔtsrɔ̃ koŋue wòwɔ aʋa.Braide hã wɔ aʋa nyuie ŋutɔ ɖe ahanono ŋu.\nEsi Braide kpɔ dzidzedze le amewo dada me vɔ la,eyomedzelawo va nɔ ebum be enye nyagblɔɖilaAhanono ƒe ɖiɖi na dziɖuɖumegãwo,siwo tsi dzi ɖe adzɔxexe ƒe ga si dzi ɖe kpɔtɔ ŋu la, ku nu me le eŋu.Wolé Braide le March 1916 me le nutsotso siwo dometɔ aɖewoe nye be egblẽ ŋutifafa me ta.Woɖe asi le Braide ŋu le gaxɔ me le ƒe 1918 me, eye wòku le ƒe ma ƒe nuwuwu.\nYomedzelawo ɖo Christ Army Church of Nigeria le ƒe 1916 me.\nNusiwo ŋu woke ɖo\nThis article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Garrick Sokari Braide, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license (\"CC BY-SA 3.0\"); additional terms may apply. (view authors). Content is available under CC BY-SA 3.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.\n#Wikipedia® is a registered trademark of the Wikimedia Foundation, Inc. Wiki (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wikimedia Foundation.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.duhoctrungquoc.vn\/wiki\/ee\/Garrick_Sokari_Braide","date":"2023-04-01T07:48:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949701.56\/warc\/CC-MAIN-20230401063607-20230401093607-00330.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.994330883,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994330883026123}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.981,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzoɖagbe\nDzoɖagbe enye ŋkeke si le Kɔsiɖagbe kple Brãɖagbe dome. Eƒe ŋkɔ le Yevugbewo me tso ɣleti ƒe ŋkɔ me.\nDzoɖagbe le Blugbe me enye Ɛdwoada si de sɔsɔ gbe kple Eʋegbe tɔ. Le Yuropa duwo geɖe me la, Dzoɖagbe enye ŋkeke gbãtɔ le kɔsiɖaa me.\n|Ŋkekewo le kɔsiɖaa me|\n|Kɔsiɖagbe · Dzoɖagbe · Brãɖagbe · Kuɖagbe · Yawoɖagbe · Fiɖagbe · Memleɖagbe|","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Dzo%C9%96agbe","date":"2023-04-01T18:40:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296950110.72\/warc\/CC-MAIN-20230401160259-20230401190259-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993804097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993804097175598}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.386,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu\nAme Kae Nye Yesu?\nAme Nyui Aɖe Koe Yesu Nyea?\nNu si ta Yesu Nazaret-tɔ lae nye ame si ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le ŋutinya me.\nYesue Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔa?\nNya kae Yesu gblɔ tso ɖoƒe si wòle na Mawu ŋu?\nNu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?\nNe Mawu medzi Yesu abe ale si amegbetɔwo dzia vi ene o la, ke mɔ ka nue Yesu nye Mawu ƒe Vi le?\nÐe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?\nÐe Mesia geɖe ate ŋu anɔ anyia, alo ɖeka ko?\nAme Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?\nEtsɔmee wòava loo alo ɖe wòva xoxoa?\nAme Kae Alo Nu Kae Nye Mawu Ƒe Nya La?\nGɔmesese si wu ɖekae le nya sia ŋu le Biblia me.\nAme Kae Nye Mawudɔla Gãtɔ Mikael?\nŊkɔ bubu aɖe gale esi, si ɖewohĩ nènya nyuie.\nYesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ\nƔekaɣie Wodzi Yesu?\nKpɔ nu siwo tae amewo ɖua Kristmas le December 25 lia dzi ɖa.\nAme Kawoe Nye \"Nunyala Etɔ̃awo\"? Mawue Na Betlehem Ƒe \"Ɣletivi\" La Fia Mɔ Woa?\nNyagbe geɖe siwo amewo zãna le Kristmas ɖuɖu ŋuti kɔnuwo me la medze le Biblia me hafi o.\nÐe Agbalẽnyalawo Xɔe Se Be Yesu Nɔ Anyi Kpɔa?\nXlẽ nu tso eŋu nàkpɔ nenye be Yesu nye ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ.\nÐe Yesu Ƒe Agbemeŋutinya Si Le Biblia Me La De Pɛpɛpɛa?\nXlẽ nu tso Nyanyuigbalẽawo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ la ŋu.\nAleke Yesu Ƒe Dzedzeme Nɔ?\nBiblia kpe ɖe mía ŋu míenya ale si Yesu ƒe dzedzeme anya anɔ.\nÐe Yesu Ðe Srɔ̃ Kpɔa? Ðe Nɔviwo Nɔ Yesu Sia?\nEsi Biblia meƒo nu tso Yesu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu tẽe o ɖe, aleke míawɔ anya ne eɖe srɔ̃ kpɔ loo alo meɖe srɔ̃ kpɔ o?\nƔekaɣie Woŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo Ði?\nƔeyiɣi didi kae va yi le Yesu ƒe ku megbe hafi wova ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo?\nYesu Ƒe Ku Kple Tsitretsitsi\nNu Ka Tae Yesu Ku?\nAme geɖe nya nufiafia si nye be ɖe Yesu va ku ɖe mía ta be míakpɔ agbe. Gake aleke tututue eƒe kua ɖea vi na míi?\nAtitsoga Ŋutie Yesu Ku Ðoa?\nAme geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi si bɔ wu. Ðe wòle be míazãe le tadedeagu mea?\nEsi Wofɔ Yesu Ðe Tsitre La, Eƒe Amegbetɔŋutilãe Nɔ Eŋu Loo Alo Gbɔgbɔŋutilãe?\nBiblia gblɔ be wogbɔ agbe Yesu \"le gbɔgbɔ me,\" ke aleke wɔ eƒe nusrɔ̃lawo te ŋu kpɔe heka asi eŋu esi wofɔe ɖe tsitre megbe?\nAkpa Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me\nYesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?\nNu ka tae wòle be Yesu naxɔ míaƒe nya ɖe akɔ? Yesu dzi xɔxɔ se koe hiã be míakpɔ ɖeɖea?\nAleke Yesu Ƒe Vɔsa Nye \"Tafe Na Ame Geɖewo\"?\nAleke tafea ɖea ame tso nu vɔ̃ si me?\nNu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?\nKpɔ ale si gbedodo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me dea bubu Mawu kple Yesu siaa ŋui la ɖa.\nNu Kae Nye Kristo Ƒe Vava?\nÐe Yesu ava amewo nakpɔa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nyabiase-siwo-ku-%C9%96e-yesu-%C5%8Bu\/","date":"2023-03-29T18:06:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949009.11\/warc\/CC-MAIN-20230329151629-20230329181629-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983577728,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983577728271484}","num_words":514,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dead Grid Free Download, nye aɖaŋufefe si wotu ɖe kaɖi dzi si wowɔ le xexe aɖe si nɔ anyi le tsɔtsrɔ̃ megbe. Ʋu go nu alafa geɖe siwo woate ŋu atrɔ asi le.Ƒo aʋawɔla bibiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nu ƒu be woawu zombie gbogbo aɖewo kple wò tsɔtsrɔ̃ ƒe aʋawɔnuwodzraɖoƒe.[...]\nDEVOUR nye co-op dziŋɔ agbetsitsi fefe na fefewɔla 1-4. Dzudzɔ subɔsubɔhakplɔla aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le hafi wòahe wò ayi dzomavɔ me kplii. Ƒu du. Do ɣli. Be. Ðeko mègalé wò o. 2-4 player online co-op Kpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔha me tɔ siwo ade 4 dzi le nuteƒekpɔkpɔ tɔxɛ[...]\nSave the World ƒe Tata la dometɔ aɖewoe nye Orbital Bullet si wotsɔna ƒoa ƒui kple fefea ƒe gbeɖiɖi si le ŋgɔ yim le se nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Assemble Entertainment hã dzɔa nu Ga si wokpɔna tso tata sia me ƒe 10% na habɔbɔ si mekpɔa viɖe[...]\nGearHead Caramel ƒe kɔpi femaxee PC Fefe le Do ŋgɔ na Installed Direct Link Dmg Yeyetɔ Kple Wo Katã Updates kple DLCs Fefewɔla geɖeƑe ɖekae nye sia tso esime Ahomya la tu Nudzɔdzɔ, esime lã wɔadã aɖe si tso Ŋusẽ Gãwo ƒe Ɣeyiɣia me nyɔ eye wònɔ tsatsam le Anyigba[...]\nJabberwock Ƒukpo – si nye tsaɖiƒe xɔŋkɔ tsã, ƒukpo sia si dzi ame aɖeke mele fifia o la gakpɔtɔ le dzadzɛ le mɔ wɔnuku aɖe nu. Wò kple wò sukuhati siwo le Hope's Peak Academy si me ame ŋkutawo le la, wò nufiala si ƒe nu lé dzi na wò[...]\nDrɔ̃e Baɖa Siwo Le Gbegblẽ Free Download, . ame gbãtɔ ƒe nuwɔna dziŋɔ aɖe fefe si wowɔ le aƒe gã aɖe si me drɔ̃e baɖa aɖe le si me zombiewo, subɔsubɔhakplɔla siwo ƒe susu mewɔa dɔ nyuie o, kple nu dziŋɔ bubu gbogbo aɖewo yɔ fũu me.Zã aʋawɔnu vovovo vovovowo[...]\nWò ɖeka koe le xɔ aɖe si me bɔmb le me. Mɔfiamegbalẽ si hiã be woatsɔ aɖee ɖa le xɔ̃wòwo, \"Eŋutinunyalawo\" si. Gake nusi lée li: Eŋutinunyalawo mate ŋu akpɔ bɔmb la o, eyata ahiã be amesiame naƒo nu tso eŋu – kabakaba! Do wò nyabiasewo gbɔ kpɔkpɔ kple dzeɖoɖo[...]\nElemental War 2 Free Download, elemental War 2 na wò xɔ kɔkɔ takpɔkpɔ ƒe seselelãme xɔŋkɔ si wotsɔ kpe ɖe fefewɔƒe ƒe mɔ̃ɖaŋunu yeyewo – tsakatsaka mamlɛtɔ na gaƒoƒo geɖe ƒe modzakaɖeɖe!Elemental War 2 kplɔ wò yi xexe si me ŋɔdzi le me: kasia lã wɔadã gbogbo aɖewo dona tso[...]\nLe Urbek la, àte ŋu atu du si nèdi be yeawɔ! Dzra eƒe dzɔdzɔmenunɔamesiwo dzi, nàna dukɔmeviwo ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, eye nàtu eƒe nutoawo ɖe wò ŋutɔ wò mɔ nu. Nutowo Gbugbɔ agbe ɖe wò du me to nuto vovovowo tutu me. Ðe nèdi be yeanɔ bohemiatɔwo ƒe[...]\nTOKOYO: Mɔ̃ kɔkɔ si nye Mavɔmavɔ Free Download PC Fefe le kadodo tẽ si woɖo do ŋgɔ me dmg yeyetɔ kekeake kple yeyewo kple DLCwo katã fefewɔla geɖe ƒe ƒuƒoƒo.Èkpɔe be yetsi xɔ kɔkɔ ɣaɣla aɖe me – esi trɔa eƒe xɔtuɖoɖo ŋutɔŋutɔ gaƒoƒo 24 ɖesiaɖe, afisi wòle be nàƒo[...]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/hiugames.com\/ee\/pc-games\/","date":"2023-03-25T16:34:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296945368.6\/warc\/CC-MAIN-20230325161021-20230325191021-00600.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976961613,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976961612701416}","num_words":487,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 123:1-4\nTodzimɔ dzi Hadzidzi. 123 Wòe mewu mo dzi na,+Wò, ame si bɔbɔ nɔ fiazi dzi le dziƒo. 2 Ale si dɔlaŋutsuwo kpɔa woƒe aƒetɔ sinu,Eye dɔlanyɔnu kpɔa eƒe aƒenɔ sinui la,Nenemae míele Yehowa, mía Mawu la sinu kpɔmee,+Va se ɖe esime wòave mía nu.+ 3 Ve mía nu, Oo Yehowa, ve mía nu,Elabena wodo vlo mí ʋuu wòglo mí.+ 4 Ðokuiŋudzelawo ɖe alɔme le mía ŋu ʋuu wòglo,*Eye dadalawo ƒe vlodoame sɔ gbɔ ŋutɔ.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ɖe alɔme le mía ŋu wòwu tsɔtsɔ na míaƒe luʋɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/123\/","date":"2023-06-03T18:42:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224649302.35\/warc\/CC-MAIN-20230603165228-20230603195228-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985003471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985003471374512}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Le Internet Dzi\nXlẽ Biblia alo ƒoe nàse le Internet dzi. Wɔ Biblia ƒe odiowo kple tokunɔgbe me Biblia ƒe videowo ƒe kɔpi femaxee. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si Yehowa Ðasefowo ta la de pɛpɛpɛ, eye exexlẽ le bɔbɔe. Wota Biblia sia bliboa alo eƒe akpa aɖewo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 120 me. Woma eƒe tata siwo wu miliɔn 200.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/","date":"2023-06-06T03:26:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224652207.81\/warc\/CC-MAIN-20230606013819-20230606043819-00650.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992312193,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999231219291687}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"My shopping cart\nYour cart is currently empty.Continue Shopping\nFitVII ɖoe be yeado alɔ ezãlawo ƒe lãmesẽ to yeƒe mɔ̃ɖaŋununya dzi. Le kpɔɖeŋu me, ʋu ƒe sisi ƒe gaƒoɖokui FitVII GT5 si woɖe ɖe go le July 23, 2021 dzi la xɔ ŋkɔ ŋutɔ le asisiwo dome. Le GT5 la, ezãla aɖewo le woƒe ʋu ƒe sisi ƒe lãmesẽ ŋuti nyatakakawo yome tim nyuie le Wofit lãmesẽ dɔwɔnua me, si na woƒe lãmesẽ bliboa nyo ɖe edzi.\nFifia FitVII kpɔe be togbɔ be nyɔnuwo wu xexeamenɔlawo ƒe afã hã la, kuxiwo abe gadede nyɔnuwo ƒe lãmesẽnyawo me ƒe anyimanɔmanɔ, dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku si mesɔ gbɔ o, kple atikewɔwɔ ƒe dɔwɔna siwo wòle be woawɔ wòanyo ɖe edzi ene nɔa anyi ɣesiaɣi.\nEyata ŋkuléle ɖe nyɔnuwo ƒe lãmesẽ ŋu nye nusi míate ŋu alala be míawɔ o. Le afisia la, FitVII zã Amerika dɔlar miliɔn 200 tsɔ haya xexeame katã ƒe numekulawo be woakpɔ gome le numekuku kple ŋgɔyiyi le X7 gaƒoɖokui sia si ku ɖe nyɔnuwo ƒe lãmesẽ ŋu me, eye wòzã Amerika dɔlar miliɔn 100 tsɔ do gaƒoɖokui sia kpɔ, kple mɔkpɔkpɔ be yeaɖe nyɔnuwo ƒe atikewɔwɔ ƒe gazazãwo dzi akpɔtɔ le xexeame godoo eye woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. nyonyo. Lãmesẽŋutinunyalawo gblɔ be FitVII X7 akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ woƒe lãmesẽ bliboa. Míebu akɔnta be esia ana nyɔnuwo naɖe dɔlar biliɔn 13 le dukɔa me godoo le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ganyawo me.\nEyata aleke nyɔnuwo kpɔa viɖe tso FitVII X7 gaƒoɖokui me?\nFitVII X7 gaƒoɖokui la léa ŋku ɖe nyɔnuwo ƒe vidzidzi ƒe lãmesẽ ŋu eye wòkpɔa azigolo kple dzinukpɔkpɔ yometiti ƒe dɔwɔwɔwo dzea sii. Wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe amewo ŋu woase woƒe azigolo kple dzinukpɔkpɔ gɔme nyuie wu. Esia ate ŋu aɖe vi na amesiwo ɖoe be yewoadzi vi eye wòwɔa dɔ nyuie le mɔxexe ɖe polycystic ovary syndrome, vidzidɔ me fibroids, kple thyroid dɔléle nu.\nNuteɖeamedzi dodokpɔ: Nuteɖeamedzi ƒe asixɔxɔ dodokpɔ si me kɔ nyuie le esi, si nye aɖabaƒoƒo 1 ƒe HRV dodokpɔ ƒe akɔntabubu. Esia ate ŋu alé ŋku ɖe míaƒe susu ƒe nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme ŋu ɣesiaɣi ale be míate ŋu azã ɖiɖiɖememɔnu siwo le dɔ dzi nyuie wu eye míana ŋutilãa nahaya tso ŋkuléle ɖe eŋu me. Numekukuwo ɖee fia be susu ƒe nɔnɔme nyui ate ŋu axe mɔ ɖe dɔléle aɖewo nu le nyɔnuwo kple tsitsi ŋu.\nAlɔ̃dɔdɔ dzi kpɔkpɔ: Alɔ̃dɔdɔ ƒe nɔnɔme nyui me léle ɖe asi nye tugbedzedze ƒe nɔnɔme nyuitɔ kekeake na nyɔnuwo. FitVII X7 na alɔ̃dɔdɔ ƒe kplɔkplɔ nyo ɖe edzi si zãa ablaɖeɖedzidzenu kple dzi ƒe tsotso ƒe dzesi tsɔ kpena ɖe ezãlawo ŋu be woakpɔ ne wole ŋku ƒe ʋuʋu kabakaba (REM) alɔ̃dɔdɔ, alɔ̃dɔdɔ vevi, kple alɔ̃dɔdɔ deto me. To mɔ sia dzi la, ezãla ate ŋu abi ɖe eƒe alɔ̃dɔdɔ ƒe nɔnɔme me eye wòatrɔ asi le eƒe alɔ̃dɔdɔ ŋu le alɔ̃dɔdɔ ŋuti nyatakakawo nu.\nNU KAE GBE GEÐE?\n\"Le Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe (CDC) ƒe nya nu la, dzitodzito me dɔlélee nye nu vevitɔ si wua Amerikatɔ tsitsiwo.\" Gake ne ame tsitsiwo léa ŋku ɖe woƒe ʋu ƒe sisi, woƒe kpekpeme, kple dzi ƒe tsotso ŋu edziedzi la, woate ŋu ana woƒe dzi nanɔ lãmesẽ me eye woaɖe dzitodzito me dɔléle, ku gɔ̃ hã ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ.\"\nLe ɣeyiɣi sia me la, FitVII atsɔ:\n1.Sphygmomanometer—Dzra wò ʋu ƒe sisi kple lãmesẽ dzi be wò agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi!\n2.Heart Rate Monitor—Lã wò dzi ƒe lãmesẽ dzi eye nàna wò lãmesẽ bliboa nanyo ɖe edzi!\n3.Dɔwɔnawo yometiti—To wò dɔwɔnawo yometiti me la, àte ŋu anɔ ʋiʋlim, aɖo wò kamedede ƒe taɖodzinuwo gbɔ eye nàna wò ŋutilã kple susu ƒe lãmesẽ nanyo ɖe edzi.\n• Calorie dzi kpɔkpɔ (esia ɖea vi ŋutɔ).\n• Afɔɖeɖewo xexlẽ (míelɔ̃a afɔɖeɖewo xexlẽ gɔme!) .\n• Lãmesẽfefewo Dzi Kpɔkpɔ—Ŋlɔ wò kamededewo ɖi eye nàtsɔ wo asɔ kple wo nɔewo.\n4.Nyatakakawo & Ŋkuɖodzinyawo—Nyatakakawo & Ŋkuɖodzinyawo ƒe nɔnɔme na nèxɔa nuxlɔ̃amewo na nudzɔdzɔ veviwo, ɖoɖowɔɖiwo, kple atikewo ƒe ŋkuɖodzinyawo tẽ le wò asibidɛ dzi.\nDzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku kple nusiwo wotsɔ de FitVII megbe ƒe gazazã nye U.S. dɔlar miliɔn 300.\nFitVII X7 smartwatch la dzrana zi geɖe ɖe 9.9 nu, si gakpɔtɔ nye asi gã aɖe...\nKe hã, le ɣeyiɣi sia me la, FitVII le mɔ kpɔm be yeana X7 gaƒoɖokui sia naxɔ ŋkɔ na nyɔnu geɖe wu, eye wòle edzram le asi wɔnuku si nye .5 nu le FitVII kple míaƒe hadɔwɔla Morepro ƒe nyatakakadzraɖoƒe si dziɖuɖua da asi ɖo.\nEnyo...àteŋu aƒle smartwatch si nye tɔtrɔ kpata aɖe ɖe .50 ko nu. Bu eŋu kpɔ ko, dɔlar blaadre alo blaatɔ̃ koe wòle be nàzã, eye àte ŋu aƒo asa na ga geɖe zazã emegbe. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, Amerika dɔlar miliɔn 300 zazã ana nyɔnu siwo le dukɔa me naɖe Amerika dɔlar biliɔn 13 le atikewɔwɔ ŋuti gazazãwo me.\nEsia nye nusi wowɔna zi ɖeka le agbe me godoo! Esi wònye be asiɖeɖe le eŋu lolo ŋutɔ ta la, ɖeko míate ŋu alée ɖe asi vaseɖe esime nudzraɖoƒe si li fifia la vɔ. Eyata kpɔ egbɔ be yewɔ nu kabakaba ŋutɔŋutɔ be yeatre nubabla la nu (Wowɔa Vidadawo ƒe Ŋkeke ƒe nunana gãwo hã!)\nMlɔeba la, míena:","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/blogs\/news\/why-women-are-thrilled-with-the-fitvii-x7","date":"2023-05-29T19:59:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644907.31\/warc\/CC-MAIN-20230529173312-20230529203312-00356.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991077185,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991077184677124}","num_words":839,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"gaxɔgbalẽvi ƒe akɔntabubumɔ̃\nGblɔ ga home kple ɣeyiɣi si nàdo ga la, deme si woaxe kple ga si woaxe ƒomevi.\nAkɔntabubumɔ̃a abu ga home si woaxe, fe si wodo kple ga si woatsɔ ado gae.\nAme geɖe wu le gadodo ƒe dɔwɔƒewo zãm tsɔ ƒlea nu gãwo. Gadzraɖoƒewo kple habɔbɔ siwo menye gadzraɖoƒewo o doa ga le mɔ vovovowo nu. Ne èdo ga gã aɖe, le kpɔɖeŋu me, be yeaƒle xɔ, ʋu, gadodo be yeatu aƒe alo ado yeƒe dɔwɔƒea ɖe ŋgɔ la, ele vevie be nànya be gadodo sia anɔ wò ŋusẽ te. Be nàka ɖe edzi le gadodo ƒe ɖoɖo aɖe koŋ tiatia me la, míeɖo aɖaŋu be nàzã míaƒe gadodo ƒe akɔntabubumɔ̃. Ŋlɔ ga home si nèdo la, ɣeyiɣi si woaxe fe le ɣletiwo me kple deme si woaxe la ɖe akpa siwo sɔ me, eye nàfia fexexe ƒomevi hã - ƒe sia ƒe alo vovototodedeameme, eye àte ŋu anya gadodoa ƒe akpa si yi ɖaxe fea, kple akpa si yia edzi xea deme le gadodoa dzi, eƒe fe si susɔ le ɣletiwo nu, ga home si wòxe wògbɔ eme, ɣleti sia ɣleti kple le gadodoa ƒe ɣeyiɣi bliboa siaa me, kple deme ŋutɔŋutɔ si woaxe ɖe gadodoa dzi.\nFexexe si to vovo\nNe wozã mɔnu si to vovo tsɔ xea ga si wodo la, womaa ga si wodo la ɖe akpa siwo sɔ me. Ga siawoe nye ga si woxena ɣleti sia ɣleti ƒe akpa gãtɔ. Susu si susɔe nye deme si susɔ ɖe ga si womexe o la dzi. Eyata ɣleti sia ɣleti la, ga home si woxena la dzi ɖena kpɔtɔna.\nMɔnu sia si dzi woato axe fe si wodo la gblẽ le eŋu.\nVevietɔ enye be gadodo si me wozãa fexexe ƒe mɔnu sia le la xɔxɔ sesẽna wu.\nEle be gadzraɖoƒea nabu ga home si sɔ gbɔ wu si wòado la ɖe nenye be amesi do ga la ate ŋu axe ga gbãtɔawo. Esia fia be hafi nàte ŋu ado ga ma tɔgbe la, ele be fetu si sɔ gbɔ nanɔ asiwò. Le go aɖewo me la, agbanɔamedzi, kakaɖedzinalawo alo amesiwo doa ga ɖekae ƒe gomekpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu.\nNu bubu si gblẽ le eŋue nye be ɣeyiɣi si woatsɔ axe fea ƒe afã gbãtɔ sesẽna na amesi do ga la koŋ. Ne míele nu ƒom tso gadodo gã aɖe ŋu la, esia ate ŋu ava zu agba gã aɖe na amesi do ga la. Gake le etsɔme la, nɔnɔme madeamedzi sia ate ŋu atrɔ azu nɔnɔme nyui. Ga ƒe asixɔxɔ kple deme si le ɖiɖim na be fexexe meganye agba o.\nƑe sia ƒe ƒe fexexe\nLe ƒe sia ƒe ƒe mɔnu si wozãna tsɔ xea fe si wodo na amea ta la, menye fe si wodo la ƒe home koe womaa ɖe akpa siwo sɔ me o, ke womaa deme si le edzi le gadodo ƒe ɣeyiɣi bliboa me hã. Eyata amesi do ga la xea fe siwo sɔ le gadodo ƒe ɣeyiɣia katã me.\nEgbea la, asitsagadɔwɔƒe akpa gãtɔ zãa fexexemɔnu sia.\nNusi koŋ gblẽ le ƒe sia ƒe ƒe fexexe ŋue nye be ga home si woaxe wògbɔ eme le gadodoa dzi asɔ gbɔ wu esi wozãa ɖoɖo si me woɖea vovototo le.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒe sia ƒe ƒe fexexe ƒe ɖoɖoa tsɔe be le gadodo ƒe ɣeyiɣia ƒe afã gbãtɔ me la, deme koŋue nèxena ɖe gadodoa dzi. Fe si wonyi le ɣeyiɣi sia me ƒe ga home vevitɔ megale dɔ wɔm o kloe.\nNyanuwuwuw\nNe èdi be yeado ga gbogbo aɖe eye mèɖoe be yeaxee kaba o la, gadodo si me ƒe sia ƒe fexexe ƒe ɖoɖo le asɔ na wò.\nLe go bubuwo me la, vevietɔ le gadodo ɣeyiɣi didi gome la, anyo wu be nàtia gadzraɖoƒe si doa ga siwo ƒe fetu to vovo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/credit\/","date":"2023-06-06T14:06:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224652569.73\/warc\/CC-MAIN-20230606114156-20230606144156-00556.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989796877,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989796876907349}","num_words":635,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.318,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔla 12:1-14\n12 Eya ta ɖo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi,+ hafi ne fukpeɣiwo* nava,+ eye ƒe siwo ŋu nàgblɔ le be, \"Womedze ŋunye o\" la naɖo; 2 hafi ne ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nava do viviti,+ eye alilikpowo nakplɔ tsidzadza gã ɖo;* 3 ɣemaɣi aƒeŋudzɔlawo nɔa ƒoƒom, eye ŋutsu kakowo xana gobaa, nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa wɔtutu elabena womegasɔ gbɔ o, eye nyɔnu fesrenukpɔlawo ƒe mo doa viviti;+ 4 esime ʋɔtru siwo woʋuna ɖo ɖe ablɔ me la nɔa dodo, esime té ƒe ɖiɖi yia to, esime xevi ƒe xɔxlɔ̃ nyɔa ame, eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbe yia to.+ 5 Ɣemaɣi la, kɔkɔƒe ɖia vɔvɔ̃ na ame, eye ŋɔdzinuwo nɔa mɔ dzi. Yevuziti ƒoa se,+ eye ʋetsuvi nɔa eɖokui tem xloloxlolo, eye lĩ gbãna, elabena amegbetɔ le azɔli dzi ɖo ta eƒe aƒe mavɔ la me,+ eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔdomee;+ 6 hafi ne klosaloka natso, eye sikagba nagbã, ze si le tɔ to nagbã, eye tsido ƒe tsidumɔ̃ nakaka. 7 Ekema kewɔ la gbugbɔna yia anyi si wònye tsã la me,+ eye gbɔgbɔ* la hã gbugbɔna yia Mawu vavã, ame si tsɔe na la gbɔ.+ 8 Nyagblɔla+ la be, \"Toflokowo ƒe tofloko! Nu sia nu nye tofloko!\"+ 9 Menye ɖeko nyagblɔla la dze nunya o, ke efiaa nu si wònya la hã dukɔa,+ eye wòde ŋugble heku nuwo me tsitotsito, ale be wòte ŋu ƒo lododo geɖewo nu ƒu.*+ 10 Nyagblɔla la dze agbagba di nya viviwo+ eye wòŋlɔ nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ. 11 Nunyalawo ƒe nyawo le abe nyikplɔti si nu le tsutsuẽ ene,+ eye woƒe nyagbɔgblɔwo katã ƒona ɖe nu sesĩe abe gatagbadzɛwo ene; kplɔla* ɖeka gbɔe nya siawo tso. 12 Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò: Agbalẽ geɖe yome nɔnɔ mekpɔa seɖoƒe o, eye wo sɔsrɔ̃ vivivo ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.+ 13 Nyawo katã ƒe taƒonyae nye be: Vɔ̃ Mawu vavã la,+ eye nàlé eƒe sewo me ɖe asi,+ elabena nu sia koe wodi tso amegbetɔwo katã si.+ 14 Elabena Mawu vavã la le dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi he ge ava ʋɔnui, esiwo le ɣaɣla hã, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ŋkeke vɔ̃wo.\"\n^ Agate ŋu afia, \"nahe tsidzadza gã vɛ.\"\n^ Alo, \"agbegbɔgbɔ.\"\n^ Alo, \"ale be wòaɖo lododo geɖewo ɖe ɖoɖo nu.\"\n^ Alo, \"alẽkplɔla.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Nyagbl%C9%94la\/12\/","date":"2023-05-31T03:44:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224646257.46\/warc\/CC-MAIN-20230531022541-20230531052541-00464.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993516803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993516802787781}","num_words":366,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Korintotɔwo 6:1-18\n6 Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la,+ míele nu xlɔ̃m mi hã be miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la evɔ ada taɖodzinu si le eŋu ya ƒu o.+ 2 Elabena egblɔ be: \"Meɖo to wò le amenuveɣi, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe.\"+ Kpɔ ɖa! Fifia koŋ ye nye amenuveɣi la. Kpɔ ɖa! Fifiae nye xɔxɔgbe la. 3 Míewɔa naneke si azu nuɖiaɖia le mɔ aɖeke nu o, ale be woagakpɔ vodada aɖeke le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o;+ 4 ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo,+ le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le fukpekpewo me,+ 5 le ƒoƒowo me, le gamenɔnɔwo me,+ le zitɔtɔwo me, le dɔ sesẽ wɔwɔ me, le zãdomadɔlɔ̃e me, le dɔmeɣeɣiwo me;+ 6 to dzadzɛnyenye me, to sidzedze me, to dzigbɔgbɔ blewu me,+ to dɔmenyonyo me,+ to gbɔgbɔ kɔkɔe me, to lɔlɔ̃ si me alakpa mele o me,+ 7 to nyateƒetoto me, to Mawu ƒe ŋusẽ me;+ to dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu+ siwo le ɖusi* kple mia me* la me, 8 to bubudeameŋu kple bubumadeameŋu me, to nya v��̃ kple nya nyui gbɔgblɔ tso mía ŋu me. Wobua mí ameblelawoe, evɔ nyateƒetɔwoe míenye, 9 wobua mí abe ame siwo womedze sii o ene, evɔ wodze si mí hafi, wobua mí abe ame siwo le kukum* ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe,+ wohe to na mí, gake wometsɔ mí de asi na ku o,+ 10 wobua mí abe ame siwo le nu xam ene, gake míekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi, abe ame dahewo ene, gake míenaa ame geɖewo zua kesinɔtɔwo, abe ame siwo si naneke mele o ene, evɔ nuwo katã le mía si hafi.+ 11 Míeke nu gblɔ nya sia nya na mi, Korintotɔwo, eye míeʋu míaƒe dziwo na mi gbadzaa. 12 Míexaxa le míaƒe lɔlɔ̃ na mi me o,+ ke boŋ miawoe xaxa le miaƒe lɔlɔ̃ na mí me. 13 Eya ta mele nu ƒom na mi abe vinyewo ene be, nu si miawɔ atsɔ aɖo eteƒee nye be, miawo hã miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa na mí.+ 14 Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.+ Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome?+ Alo ɖekawɔwɔ kae le kekeli kple viviti dome?+ 15 Azɔ hã, ɖekawɔwɔ kae le Kristo kple Belial* dome?+ Alo kadodo kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome?+ 16 Eye ɖekawɔwɔ kae le Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo dome?+ Elabena Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ míenye;+ abe ale si Mawu gblɔe ene be: \"Manɔ wo dome,+ eye mazɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.\"+ 17 \"'Eya ta mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa,' Yehowa* ye gblɔe, 'eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu'\";+ \"'eye maxɔ mi.'\"+ 18 \"'Eye manye mia fofo,+ eye mianye vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo,'+ Yehowa* Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Ðewohĩ hena avuwɔwɔ.\n^ Ðewohĩ hena ame ɖokui ta ʋiʋli.\n^ Alo, \"ame siwo dze ku.\"\n^ Enye Hebrigbe me nya si gɔmee nye \"Yakame.\" Eku ɖe Satana ŋu.\n^ Kpɔ Megbenyawo A5.\n^ Kpɔ Megbenyawo A5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-Korintot%C9%94wo\/6\/","date":"2023-06-01T09:13:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224647639.37\/warc\/CC-MAIN-20230601074606-20230601104606-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985007048,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985007047653198}","num_words":481,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nLe xexeame ƒe akpa geɖe la, enye kɔnu be woana nu srɔ̃kpelawo. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo ŋue wòle be míabu ne míele nu siawo nam alo le wo xɔm?\nBiblia da asi ɖe nunana dzi ne wotsɔ susu nyui nae eye wònye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔ vavãwo ku ɖe nunana ƒe nyaa ŋu be woasrɔ̃ woƒe Nunala dɔmenyotɔ Yehowa. (Yakobo 1:17) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: \"Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.\" Eyata wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woanyo dɔme.—Hebritɔwo 13:16; Luka 6:38.\nKe nunana siwo srɔ̃tɔwo di ƒe agbalẽvi zazã, si nye nuwɔna si bɔ ɖe United States ya ɖe? Le England la, woyɔnɛ be srɔ̃kpekpe me nunanawo. Zi geɖe la, atsu kple asi siwo gbɔna srɔ̃ ɖe ge yia fiase aɖe me va léa ŋku ɖe nuwo ŋu le fiasea me heŋlɔa esiwo woadi be woaƒle na yewo abe nunana ene ɖi. Woɖoa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖe fiase ma me be woava aƒle nusiwo yewoŋlɔ ɖi la dometɔ si woana yewo. Viɖe siwo te ŋu nɔa emee nye be enana nunala la vona tsoa ɣeyiɣi gbegblẽ ɖe nusi wòana la ŋububu ŋu me, eye wòkpena ɖe nunana xɔlawo ŋu be woavo tso alesi woagatrɔ nusiwo womedi o la ayi fiasea mee me.\nBe atsu kple asi siwo le srɔ̃ ɖem natia be yewoazã nunana siwo srɔ̃tɔwo di ƒe agbalẽvia alo yewomazãe o la nye woa ŋutɔwo ƒe nya. Ke hã Kristotɔ adi be yeakpɔ nyuie le nuwɔna ɖesiaɖe si ate ŋu ana woada Biblia me gɔmeɖosewo dzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne atsu kple asi siwo gbɔna wo nɔewo ɖe ge ŋlɔ nusiwo xɔ asi ŋutɔ ɖi ya ɖe? Le go sia me la ate ŋu adzɔ be amesiwo dzi ganyawo mede o la mate ŋu ana nu wo o, alo woase le wo ɖokui me be anyo boŋ be yewoagbe srɔ̃kpeƒea yiyi ale be ŋu magava kpe yewo ɖe nu tsɛwo nana ta o. Nyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ be: \"Nu bliboa va le agba zum. Medze agbagba be manyo dɔme, gake le ɣeyiɣi siawo me la, dzidzɔ siwo mekpɔna le nunana me tsã la bu keŋkeŋ.\" Nublanuinya kae nye si wòanye ne srɔ̃kpekpe aɖe va zu dziɖeleameƒonu na amewo!\nNyateƒee, mele be woana nunalawo nase le wo ɖokui me be ne woakpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nunanawo ŋu la, ele be woaƒle wo atso fiase aɖe koŋ me loo alo ɖe asi tiatia aɖewo dzi o. Gake Yesu Kristo ɖee fia be nusi xɔ asi wu le Mawu ŋkume enye nunala la ƒe dzi ƒe nɔnɔme, ke menye asixɔxɔ si le nunanaa ŋu o. (Luka 21:1-4) Nenema kee apostolo Paulo ŋlɔ le nudzɔdzɔ na ame dahewo ŋu be: \"Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.\"—Korintotɔwo II, 9:7.\nLe Biblia ƒe nukpɔsusu nu la, naneke megblẽ le ame ƒe ŋkɔ yɔyɔ ɖe nunana aɖe ŋu be yee nye enala, ɖewohĩ be amea naŋlɔ nya kpui aɖe akpe ɖe eŋuti, ŋu o. Gake le teƒe aɖewo la, enye kɔnu be woayɔ amesi na nua ƒe ŋkɔ na amesiwo katã le anyinɔƒea. Kɔnu sia ate ŋu ahe kuxiwo vɛ. Amesiwo tsɔ nuawo le nanam adi be woaganya yewo o ale be woagahe susu ava yewo dzi madzemadzee o. Amesiawo wɔa nu ɖe gɔmeɖose si le Mateo 6:3 la nu, afisi Yesu gblɔ le be: \"Ke wò la, ne èle nu nam la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o.\" Ame bubuwo ase le wo ɖokui me be nunana nye ame ŋutɔ ƒe nya si le be wòanɔ nunala kple nuxɔla la ɖeɖe dome. Gawu la, nunalawo ƒe ŋkɔyɔyɔ ana woatsɔ nunanawo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo, eye 'wòana woaʋã ŋu ame nɔewo.' (Galatiatɔwo 5:26) Kristotɔwo adi kokoko be yewoaƒo asa na nuwɔna siwo ana amewo nade vovo ge do kpoe alo ado ŋukpe ame, eyata womaɖe gbeƒã nunalawo ƒe ŋkɔ le dutoƒo o.—Petro I, 3:8.\nẼ, to nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple gɔmeɖose si le Mawu ƒe Nya me dzi la, nunana akpɔtɔ anye nusi me dzidzɔ le.—Dɔwɔwɔwo 20:35.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030901\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-10-01T09:06:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510810.46\/warc\/CC-MAIN-20231001073649-20231001103649-00867.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986501336,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986501336097717}","num_words":690,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nFêng Shui—Ðe Wònyo na Kristotɔwoa?\nLE ASIA la, nusi wòfia dzie wonɔa te ɖo ɖoa teƒe ɖi na ameɖibɔ. Wotaa xɔwo heɖoa atsyɔ̃ na wo ɖe nusi wòfia nu. Nunɔamesiwo ƒeƒle kple wo dzadzra nɔa te ɖe edzi. Woyɔnɛ le Chinagbe me be fêng shui, si nye anyigbafakaka alo afakaka tɔgbe aɖe. Togbɔ be Asia ye fêng shui bɔ ɖo ƒe alafa geɖe hã la, ekaka ɖo Ɣetoɖoƒedukɔwo me le ƒe siawo me. Xɔtuɖaŋunyala aɖewo le ezãm le xɔ kɔkɔwo, dɔwɔƒewo, kple aƒewo tata me. Srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla aɖewo zãnɛ le atsyɔ̃ɖoɖo na woƒe aƒewo me. Agbalẽ kple Internet dzi Nyatakakadiƒe gbogbo aɖewo donɛ ɖe ŋgɔ hefianɛ.\nSusu ka tae wòle ta kekem alea? Edzixɔsela aɖe gblɔ be fêng shui ate ŋu ana \"agbenɔnɔ kple lãmesẽ nanyo ɖe edzi, ana srɔ̃ɖeɖe alo adzɔdodo me nanyo, ate ŋu ana woakpɔ kesinɔnu geɖe, eye ame ƒe dzi nadze eme.\" Togbɔ be esiawo katã dze nu nyuiwoe hã la, nuka tututue nuwɔna sia nye, eye aleke wòle be Kristotɔwo nabui?\nNukae Wònye?\nChinagbe me nya fêng shui le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia 'ya kple tsi.' Fêng shui dze egɔme xoxoxo ƒe akpe geɖe tso ɣeyiɣi si me woto Ɣedzeƒetɔwo ƒe xexemenunya geɖe vɛ. Dzixɔse siawo dometɔ aɖee nye nusi woyɔ be yin kple yang (viviti kple kekeli, dzoxɔxɔ kple fafa, nu gbegblẽ kple nu nyui) ƒe dadasɔ. Wotsɔ yin kple yang nukpɔsusua kpe ɖe nukpɔsusu si nye ch'i, si fia \"ya\" alo \"yagbɔgbɔ\" le nyaa ŋutɔŋutɔ nu ŋuti. Yin, yang, kple ch'i, kpakple nusiwo woyɔna be anyigba dzi nu atɔ̃awo, siwo nye ati, anyigba, tsi, dzo, kple gakpo, nye fêng shui nukpɔsusua ƒe akpa vevi aɖewo. Fêng shui dzixɔselawo xɔ se be dzɔdzɔmeŋusẽ ƒe fli sẽŋu aɖewo zɔ to anyigba ƒe akpa sia akpa. Taɖodzinuae nye be woade dzesi afisiwo anyigba kple yame ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo alo ch'i, da sɔ le. Wowɔa esia to anyigba la ŋutɔ ƒe nɔnɔme tɔtrɔ alo xɔ si wotu ɖe teƒe aɖe tɔtrɔ me. Wosusu be ne yewote ŋu na nusiawo da sɔ la, ana nu nadze edzi na amesiwo le dɔ wɔm le afima alo amesiwo le teƒea.\nZi geɖe la, fêng shui ŋu nyala bibiwo zãa anyigbafakanu aɖe. * Alesi afakanu sia le enye be wowɔ ɣletivi me nɔnɔmetatawo kple nuŋɔŋlɔwo ɖe nu gbadzɛ aɖe dzi eye wode teƒefianu sue aɖe si trona la eƒe titina. Wote fli tegblẽe siwo ƒo xlã wo nɔewo la ɖe edzi eye wogate fli dzɔdzɔe bubuwo tso ga tegblẽeawo mee keŋ. Ðoɖo si nu woɖo ɣletiviwo ɖo, ɣeyiɣiwo, kple ɣe ŋuti nyatakakawo le anyigbafakanua dzi. Ne wole ŋugble dem le xɔtuƒe alo xɔ aɖe ŋu la, wodea dzesi nyatakaka vovovo siwo wokpɔ le afakanua dzi. Fêng shui ŋu nyalaa léa ŋku ɖe afisi teƒefianua kple fli dzɔdzɔeawo kpakple fli tegblẽeawo do go le la ŋu, eye esia dzie wònɔa te ɖo nyaa nusi hiã be woatsɔ \"aɖɔ\" xɔtuƒe aɖe \"ɖoe.\"\nWote ŋu léa ŋku ɖe nuto si me teƒea le, tsimɔwo, tsigbegblẽtoƒewo, kple afisi woaɖe fesre kple ʋɔtruwo gɔ̃ hã ɖo le xɔa ŋu la katã ŋu ne wodi be woakpɔ afisi teƒea anɔ wòada asɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Canada la, fiasetɔ aɖe ku ahuhɔ̃e ɖe eƒe fiasea ƒe megbe ʋɔtru ŋu be yeatsɔ \"aɖɔ\" alesi wode fiasea ƒe ʋɔtruwoe \"ɖo.\" Nenema ke anyigbafakala ate ŋu akafui be woaɖɔli teƒe na numiemiewo alo zikpuiwo,be woaɖɔli foto aɖe, woagatsɔ xɔtamegaƒoɖokui bubu akpee, alo woaɖe tɔmelãnyita be woana xɔ alo xɔ aɖe me nada asɔ.\nKristotɔwo ƒe Nukpɔsusu\nEnye nusi ɖe dzesi be le agbalẽdzraɖoƒe akpa gãtɔ la, fêng shui gbalẽ kple ɣletivimefakaka kpakple etsɔmegbɔgblɔɖi ŋuti gbalẽwoe woɖo ɖe teƒe ɖeka. Le nyateƒe me la, nyagɔmeɖegbalẽ aɖewo ɖe anyigbafakaka me be enye afakaka si me wozãa xexlẽdzesiwo alo fliwo alo anyigba dzi nuwo le tsɔ kaa afae. Eyata ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be fêng shui kpakple anyigbafakaka ƒomevi bubuwo nye etsɔmegbɔgblɔɖi. Afakaka kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawoe wonye, eye womenye nu yeye aɖeke na amegbetɔwo o.\nEsime Israel-viwo dzo le Egipte hege ɖe Kanaan-nyigba dzi mlɔeba le ƒe alafa 15 lia D.M.Ŋ. me la, afakaka ƒomevi vovovowo bɔ le dukɔ eve mawo siaa me. Mawu gblɔ to Mose dzi woŋlɔ ɖe Mose V, 18:14 be: \"Dukɔ, siwo nyã ge nala la, ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo; ke wò la, Yehowa, wò Mawu, meɖe esia ƒe mɔ na wò o.\" Afakaka ƒomevi geɖe siwo nɔ Egipte kple Kanaan la dzɔ tso blema Babilon. Esime Yehowa tɔtɔ Babilontɔwo ƒe gbe la, wokaka yi teƒe bubuwo, eye wotsɔ nuwɔna siwo do ƒome kple Babilontɔwo ƒe afakaka kple gbɔgbɔyɔyɔ yii.—Mose I, 11:1-9.\nYehowa Mawu xlɔ̃a nu Israel-viwo vevie edziedzi be woagaƒo wo ɖokui ɖe dukɔwo ƒe afakaka nuwɔnawo me o, esime wògblɔ be: 'Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo ta Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo.' (Mose V, 18:9-12; Mose III, 19:26, 31) Egblɔ be woawu afakalawo enumake.—Mose II, 22:18; Mose III, 20:27.\nNukatae wòtsri afakaka ƒomevi ɖesiaɖe keŋkeŋ? Dɔwɔwɔwo 16:16-19 gblɔ nyɔnu aɖe si me 'afakakagbɔgbɔ' le ŋu nya. Ẽ, afakaka do ƒome kplikplikpli kple gbɔgbɔyɔyɔ. Eyata gomekpɔkpɔ le afakaka nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe me ana kadodo nanɔ ame kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dome! Ema ate ŋu ana nu nagblẽ le ame ŋu le gbɔgbɔ me.—Korintotɔwo II, 4:4.\nAlakpasubɔsubɔ nuwɔnawo abe fêng shui enee anya kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒetɔwo alo Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo na aƒe kple anyigba dzadzraɖo ƒe atsyã nyanyɛ aɖewo dzi le gɔmedzedzea me. Gake zi geɖe la, subɔsubɔ nukpɔsusu si nɔ atsyã mawo ŋu tsã va buna keŋkeŋ. Ke hã anye Mawu ƒe se dzi dada tẽ ne woto fêng shui zazã me be woanya etsɔme alo ahe dzɔgbenyui alo lãmesẽ vɛ na ame. Ema wɔwɔ anye se si Biblia de eme kɔ ƒã be woagaka asi \"nu makɔmakɔ\" aɖeke ŋu o la dzi dada.—Korintotɔwo II, 6:14-18.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, fêng shui zãlawo dze agbagba zãa dzɔdzɔmeŋutinunya deŋgɔ le ewɔwɔ me, wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã zãa kɔmpiutawo tsɔ léa ŋku ɖe anyigba ƒe nɔnɔmewo ŋui.\n[Nɔnɔmetata si le axa 15]\nAnyigbafakanu\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nPages 2 and 23: Hong Kong Tourism Board","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/F%C3%AAng-Shui-%C3%90e-W%C3%B2nyo-na-Kristot%C9%94woa\/","date":"2023-09-25T17:05:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233509023.57\/warc\/CC-MAIN-20230925151539-20230925181539-00839.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979982376,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979982376098633}","num_words":1011,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Maskil.* Asaf+ ƒe ha. 74 Oo Mawu, nu ka tae nètsɔ mí ƒu gbe ɖikaa?+ Nu ka tae wò dɔmedzoe le bibim* ɖe lãha siwo le wò lãnyiƒe ŋu?+ 2 Ðo ŋku wò ame siwo* nèƒle tso blema ke la dzi,+To si nèxɔ ƒle wòzu wò domenyinu.+ Ðo ŋku Zion To, afi si nènɔ la dzi.+ 3 Trɔ ɖe teƒe siwo zu aƒedo ɖaa la ŋu.+ Futɔ la gblẽ nu sia nu le kɔkɔeƒe la.+ 4 Wò futɔwo ƒe gbe de dzi le wò takpeƒe la.+ Woda woawo ŋutɔwo ƒe dzesiwo ɖe afi ma. 5 Wonɔ abe ame siwo kɔ fía dzi ɖe ave dodo ŋu ene. 6 Wotsɔ fía kple gakpo kaka eŋunu siwo katã ŋu wowɔ aɖaŋunuwo ɖo+ la. 7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la.+ Wogblẽ kɔ ɖo na avɔgbadɔ si ŋu wò ŋkɔ le la, eye wokakae va se ɖe eƒe agunu ke. 8 Woawo kple woƒe dzidzimeviwo katã gblɔ le woƒe dzi me be: \"Ele be woatɔ dzo Mawu ƒe takpeƒewo katã* le anyigba la dzi.\" 9 Míele dzesi aɖeke kpɔm o;Nyagblɔɖila aɖeke megali o,Eye ame aɖeke mele mía dome si nya ɣeyiɣi didi si esia axɔ o. 10 Oo Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom wò ase ɖo?+ Ðe futɔ la agbe bubudede wò ŋkɔ la ŋu tegbeea?+ 11 Nu ka tae nèhe wò asi, wò nuɖusi, ɖe megbe?+ Doe ɖa tso wò akɔnu ne nàtsrɔ̃ wo. 12 Ke Mawue nye nye Fia tso blema ke,Ame si wɔa xɔnamedɔwo le anyigba la dzi.+ 13 Ètsɔ wò ŋusẽ de zitɔtɔ atsiaƒu me;+Ègbã ta na ƒumelã klitsuwo le tsiawo me. 14 Ègbã Leviatan* ƒe tawo gudugudu;Ètsɔe wɔ nuɖuɖu na dukɔ la, na gbegbenɔlawo. 15 Wòe ŋɔ mɔ na tsidzɔƒewo kple tɔʋuwo;+Wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.+ 16 Tɔwòe nye ŋkeke, eye tɔwòe nye zã hã. Wòe wɔ kekeli* kple ɣe.+ 17 Wòe ɖo anyigba ƒe liƒowo katã anyi;+Wòe wɔ dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli.+ 18 Oo Yehowa, ɖo ŋku futɔ la ƒe vlododowo,Kple ale si dukɔ tsibome aɖe gbe bubudede wò ŋkɔ ŋui la dzi.+ 19 Mègatsɔ wò akpakpa* ƒe agbe* de asi na gbemelãwo o. Mègaŋlɔ wò ame siwo le fu kpem la ƒe agbe be ɖikaa o. 20 Ðo ŋku nu, si nèbla kpli mí la dzi,Elabena anyigba la ƒe teƒe dovivitiwo zu ŋutasẽlawo nɔƒe. 21 Mègana ame si wote ɖe anyi la natrɔ kple ŋukpe o;+Na wɔnamanɔŋutɔ kple ame dahe la nakafu wò ŋkɔ.+ 22 Oo Mawu, tso, ne nàʋli ɖokuiwò ta. Ðo ŋu ale si movitɔ la doa vlo wò ŋkeke blibo la.+ 23 Mègaŋlɔ nya siwo gblɔm wò futɔwo le la be o. Ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la ƒe hoowɔwɔ le dzi dem ɣesiaɣi.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"le dzudzɔ tum.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wò ameha si.\"\n^ Alo, \"teƒe siwo katã wodea ta agu na Mawu le.\"\n^ Alo, \"nu keklẽ.\"\n^ Alo, \"ƒeƒlelu.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/74\/","date":"2023-09-27T17:46:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510319.87\/warc\/CC-MAIN-20230927171156-20230927201156-00411.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982385039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982385039329529}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"49 Mi ƒukpowo, miɖo tom,Eye mi dukɔ siwo le didiƒe ʋĩi, milé to ɖe ŋunye.+ Yehowa yɔm hafi wodzim.*+ Eyɔ nye ŋkɔ tso esime menɔ danye ƒe dɔ me ke. 2 Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene;Eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te.+ Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ;Eɣlam ɖe eƒe daku me. 3 Egblɔ nam be: \"Oo Israel, nye subɔla nènye,+Wò ame si dzi mato aɖe nye atsyɔ̃ afia.\"+ 4 Ke megblɔ be: \"Meku kutri dzodzro. Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame dzodzro. Ke hã vavãe, Yehowa si mee nye nyawo le,*Eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.\"+ 5 Azɔ Yehowa, Ame si mèm tso dɔ me menye eƒe subɔla laGblɔ nam be makplɔ Yakob agbɔe na ye,Ne Israel naƒo ƒu ɖe ye gbɔ.+ Bubu anɔ ŋunye le Yehowa ŋkume,Eye nye Mawu azu nye ŋusẽ. 6 Eye wògblɔ be: \"Menye nu tsɛ wònye be nànye nye subɔla,Afɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu,Eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo ta wokpɔ la agbɔe o. Metsɔ wò na be nànye dukɔwo ƒe kekeli hã,+Ale be nye xɔname nade anyigba ƒe mlɔenu ke.\"+ 7 Ale Yehowa, Ame si gbugbɔ Israel ƒle, eƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔ na ame si* wodo vloe,+ ame si dukɔ la nyɔŋui, ame si nye dziɖulawo ƒe subɔvie nye esi: \"Fiawo akpɔe, eye woatso ɖe tsitrenu,Amegãwo abɔbɔLe Yehowa, Ame si nye nuteƒewɔla,+Israel Ƒe Kɔkɔetɔ si tia wò la ta.\"+ 8 Ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Metɔ na wò le amenuveɣi,+Eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe;+Mekpɔ tawò, ne matsɔ wò ana nànye nubabla na dukɔ la,+Ne nàgaɖo anyigba la te,Ne nàna domenyinu siwo zu gbegbe la nagasu wo si,+ 9 Ne nàgblɔ na gamenɔlawo be, 'Mido go!'+ Eye na ame siwo le viviti me be,+ 'Miva gota!' Woaɖu gbe le mɔ to,Eye woƒe gbeɖuƒe anɔ toƒewo* katã. 10 Dɔ kple tsikɔ mawu wo o,+Eye dzoxɔxɔ alo ɣe maɖu wo o.+ Elabena ame si kpɔ nublanui na wo la akplɔ wo,+Eye wòakplɔ wo ato tsidzɔƒewo.+ 11 Mana nye towo katã nazu mɔ,Eye nye mɔ gãwo akɔ dzi.+ 12 Kpɔ ɖa, ame siawo atso didiƒe ava,+Eye ɖewo atso dziehe kple ɣetoɖoƒe ava,Eye bubuwo hã atso Sinim-nyigba dzi.\"+ 13 Mi dziƒowo, migli kple dzidzɔ, anyigba, tso aseye.+ Towo netso aseye ahagli kple dzidzɔ.+ Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ la,+Eye wòkpɔ nublanui na eƒe ame siwo le fu kpem.+ 14 Ke Zion le gbɔgblɔm be: \"Yehowa gblẽm ɖi,+ eye Yehowa ŋlɔm be.\"+ 15 Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩ be,Alo wòagbe nublanuikpɔkpɔ na eƒe dɔmevia? Ne nyɔnu siawo aŋlɔ be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be gbeɖe o.+ 16 Kpɔ ɖa! Meŋlɔ wò ɖe nye asi me. Wò gliwo le ŋkunyeme ɖaa. 17 Viwòwo ɖe abla va. Ame siwo gbã wò hegblẽ dowòme la adzo le gbɔwò. 18 Fɔ mo dzi nàtsa ŋku godoo eye nàkpɔ nu. Wo katã wole ƒu ƒom ɖekae.+ Wogbɔna gbɔwò. Yehowa be: \"Zi ale si mele agbe la,Àdo wo katã abe atsyɔ̃ɖonu ene,Eye àdo wo abe ale si ŋugbetɔ doa nui ene. 19 Togbɔ be nɔwòƒewo zu aƒedo kple gbegbe, eye wò anyigba gblẽ hã la,+Azɔ la, anɔ sue akpa na ame siwo le afi ma,+Eye miwòlawo+ anɔ adzɔge ʋĩi.+ 20 Vi siwo wodzi le viwòwo ƒe ku megbe la agblɔ nàse be:'Teƒe sia xaxa nam akpa. Di teƒe nam manɔ.'+ 21 Eye àgblɔ le wò dzi me be:'Esi wònye nyɔnu si ƒe viwo ku menye, eye metsi ko,Woɖe aboyom, eye mezu gamenɔla ɖe,Ke ame kae dzi vi siawo nam? Ame kae nyi ame siawo?+ Kpɔ ɖa! Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi,+Ke afi kae ame siawo tso?'\"+ 22 Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: \"Kpɔ ɖa! Mado nye asi ɖe dzi na dukɔwo,Eye mado nye dzesiti ɖe dzi na dukɔwo.+ Woakɔ viwòŋutsuwo ɖe abɔ dome* avɛ,Eye woakɔ viwònyɔnuwo ɖe abɔta avɛ.+ 23 Fiawo anye viwòwo dzi kpɔlawo,+Eye woƒe fianyɔnuwo ana no wo na wò. Woabɔbɔ atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwòme,+Eye woaɖuɖɔ ke le wò afɔ ŋu,+Ne nàdze sii be, nyee nye Yehowa,Eye be nyemana ŋu nakpe ame siwo le mɔ kpɔm nam la o.\"+ 24 Ðe woate ŋu axɔ ame siwo wolé la le kalẽtɔ sia,Alo ɖe woate ŋu axɔ na ame siwo ŋutasẽla ɖe aboyoe laa? 25 Gake ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Woakplɔ ame siwo kalẽtɔ ɖe aboyoe la adzoe,+Eye woaxɔ na ame siwo ŋutasẽla lé la.+ Mawɔ avu kple ame si le avu wɔm kpli wò,+Eye maxɔ na viwòwo. 26 Mana ame siwo sẽa ŋuta le ŋuwò la naɖu woawo ŋutɔwo ƒe lã,Eye woano woawo ŋutɔwo ƒe ʋu amu abe wain yeye ene. Eye amewo* katã anyae be, nyee nye Yehowa,+Wò Xɔnametɔ,+ kple Ame si gbugbɔ wò ƒle,+Yakob Ƒe Ŋusẽtɔ la.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tso vidzidɔ me ke.\"\n^ Alo, \"Yehowa atso afia dzɔdzɔe nam.\"\n^ Alo, \"ame si ƒe luʋɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"anɔ togbɛ ƒeƒlewo tame.\"\n^ Alo, \"akɔnu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋutilãwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/49\/","date":"2023-10-03T16:45:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511170.92\/warc\/CC-MAIN-20231003160453-20231003190453-00729.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988107681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988107681274414}","num_words":769,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbagbadzedze be Woaɖe Vatican Ða le Dukɔ Ƒoƒuawo Me\nNYADZƆDZƆDƆWƆƑE si le Rome, si nye Inter Press Service (IPS) ka nya ta be \"dukɔwo dome habɔbɔ siwo mele dziɖuɖuwo te o ƒe ƒuƒoƒo si me tɔwo wu 70 dze nyaʋiʋli gɔme le xexeame godoo be woaɖe Vatican ɖa le Dukɔ Ƒoƒuawo me.\" Fifia la, nuteƒekpɔla ko Vatican nye ɖaa, alo mele dukɔ siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me la dome o. Ðoƒe ma su Vatican si tso keke ƒe 1964 me ke.\nNukatae habɔbɔ nɔɖokuisi siawo, siwo ƒe xexlẽme ɖo 100 le xexeame katã le ƒe si va yi ƒe April me le tsitre tsim ɖe ɖoƒe si Vatican le le Dukɔ Ƒoƒuawo dome ŋu? Elabena le habɔbɔ nɔɖokuisiawo ƒe nya nu la, subɔsubɔdziɖuhae Vatican nye, ke menye dunyahedukɔ o. Frances Kissling, si nye Katolikotɔ siwo dia Tiatiawɔblɔɖe ƒe zimenɔla gblɔ na IPS be menye gome si le Vatican si be wòagblɔ eƒe nukpɔsusuwo ŋue ƒuƒoƒoa tsi tre ɖo o, ke boŋ \"gome si habɔbɔ sia kpɔ be wòanɔ dziɖuɖuwo ƒe nɔƒe ŋue nyaa ku ɖo.\"\nAnika Rahman, si nye Dukɔwo Dome Ðoɖowɔwɔ ƒe zimenɔla le Vidzidzi Ŋuti Sewo Kple Ðoɖowɔƒe lɔ̃ ɖe edzi. IPS ka nya ta be egblɔ be \"ne Dukɔ Ƒoƒuawo wɔa nu ɖe Papa ƒe Dziɖuƒe ŋu abe dukɔ ene, hena mɔnukpɔkpɔe be wòanye nuteƒekpɔla ɖaa le ŋusẽ si le esi le subɔsubɔnyawo gome ta la, ekema xexeme habɔbɔa le mɔ ʋum ɖi be subɔsubɔha bubuwo hã nabia ɖoƒe ma.\" Egblɔ kpee be: \"Be Dukɔ Ƒoƒuawo nagado subɔsubɔha ɖeka aɖe koŋ ɖe dzi o la, mele be wòaɖe mɔ na subɔsubɔhawo abe Roma Katoliko-ha la ene be wòakpɔ gome le takpekpe siawo me abe dukɔ si mekpe ɖe habɔbɔa ŋu ene o.\"\nKe nya si amewo gblɔna be dukɔ nɔɖokuisie Vatican nye, eyata esɔ be woana mɔnukpɔkpɔ mae ya ɖe? Esi wobia Aƒenɔ Kissling la, eɖo eŋu be: \"Enye nyagbɔgblɔ fluame si me mekɔ o. Míaƒe nukpɔsusue nye be dukɔnyenye ƒe numeɖeɖe si nɔ amewo si le ƒe alafa 15 lia me kee nye ma, eye be le nyateƒe me la, subɔsubɔha dziɖuƒee Papa ƒe Dziɖuƒea nye.\" Egblɔ kpee be nya \"Vatican\" kple \"Papa ƒe Dziɖuƒe\" nye \"nya bubu siwo wozãna na Roma Katoliko Sɔlemehaa.\"\nNusi gbɔ habɔbɔ nɔɖokuisi siawo ƒe dzikua akpa gãtɔ tsoe nye nukpɔsusu si le Vatican si fifia ku ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ nyawo ŋu si Vatican la tsɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo mee. Le kpɔɖeŋu me, Vatican zã Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe takpekpewo abe Dukɔwo Dome Takpekpe ku ɖe Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Kple Ŋgɔyinyawo Ŋu si wowɔ le 1994 me le Cairo, kple Nyɔnuwo ƒe Takpekpe si wowɔ le Beijing, le ƒe 1995 me ene tsɔ gblɔ eƒe nukpɔsusu siwo nu sẽ tsi tre ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ŋuti. IPS gblɔ be, \"esi wònye ɖe amewo ƒe susu wɔa ɖeka hafi Dukɔ Ƒoƒuawo tsoa nya me ta la, nukpɔsusu siwo to vovo, abe Vatican tɔ ene gblẽ numedzodzro siwo wowɔ le nya siwo ku ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ, mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu, nyɔnuwo ƒe gomenɔamesi kple vidzidzi me lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu la dome.\"\nLe Aƒenɔ Kissling ƒe nya nu la, \"Vatican ƒe ɖoƒe si sɔe nye be woabui be enye habɔbɔ nɔɖokuisi—abe alesi wobua Moslemtɔwo, Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Bahaitɔwo kple subɔsubɔha bubuwo be wonye habɔbɔ nɔɖokuisiwo ene.\" Ƒuƒoƒoa di be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã, Kofi Annan, kple vevietɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehagã nagbugbɔ alé ŋku ɖe ɖoƒe si le Vatican si le xexeame ƒe dunyaheha gãtɔ kekeake me la ŋu.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]\nVatican megã le nu ƒom na Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nUN\/DPI Photo by Sophie Paris\nUN photo 143-936\/J. Isaac","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001108\/Agbagbadzedze-be-Woa%C9%96e-Vatican-%C3%90a-le-Duk%C9%94-%C6%91o%C6%92uawo-Me\/","date":"2023-09-25T06:40:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506686.80\/warc\/CC-MAIN-20230925051501-20230925081501-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983502626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983502626419067}","num_words":599,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"11 Ke apostoloawo kple nɔvi siwo le Yudea la se be dukɔwo me tɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la. 2 Eya ta esi Petro va Yerusalem la, ame siwo de aʋatsotso+ dzi la he nya ɖe eŋu 3 be: \"Èyi aʋamatsomatsotɔwo ƒe me heɖu nu kpli wo.\" 4 Esia na Petro ɖe nya la me na wo nyuie be: 5 \"Menɔ Yopa dua me nɔ gbe dom ɖa, eye mekpɔ le ŋutega me wole nane* si le abe aklala gã aɖe ene, si ƒe dzogoe eneawo wolé la, ɖiɖim tso dziƒo tẽe ɖe gbɔnye.+ 6 Esi melé ŋku ɖe eme nyuie la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo kple gbemelãwo kple lã siwo tana kpakple dziƒoxewo. 7 Eye mese gbe aɖe hã si gblɔ nam be, 'Petro, tso, wu wo nàɖu!' 8 Ke megblɔ be: 'Gbeɖe, Aƒetɔ, elabena nyemede nu ƒoɖi alo nu makɔmakɔ aɖeke nu me kpɔ o.' 9 Gbe si tso dziƒo la ɖo eŋu zi evelia be: 'Wò la, dzudzɔ nu siwo ŋuti Mawu kɔ la yɔyɔ be nu ƒoɖi.' 10 Nu sia dzɔ zi gbɔ zi etɔ̃, eye wogahe nu sia nu dzoe yi dziƒo. 11 Eye ɣemaɣi tututu la, ŋutsu etɔ̃ le tsitre ɖe aƒe si me míele la me; wodɔ wo tso Kaisarea ɖe gbɔnye.+ 12 Eye gbɔgbɔ la gblɔ nam be mayi kpli wo, eye magake ɖi kura o. Ke nɔvi ade siawo hã yi kplim, eye míege ɖe ŋutsua ƒe aƒe me. 13 \"Egblɔ na mí be yekpɔ mawudɔla wòle tsitre ɖe yeƒe aƒe me eye wògblɔ be: 'Dɔ ame ɖo ɖe Yopa, ɖe Simon si wogayɔna be Petro gbɔ,+ 14 eye agblɔ nu siwo ana wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ ɖeɖe la na wò.' 15 Ke esi mede asi nuƒoƒo me la, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la, abe ale si ko míawo hã míexɔe le gɔmedzedzea me ene.+ 16 Ale meɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya dzi, ale si wògblɔna be, 'Yohanes tsɔ tsi nyrɔ amewo,+ ke woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ miawo ya.'+ 17 Eya ta ne Mawu tsɔ nunana faa ma ke na woawo hã, abe ale si wòna mí ame siwo xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la hã ene ɖe, ame kae menye be maxe mɔ na Mawu?\"+ 18 Ke esi wose nya siawo la, wodzudzɔ nyaa hehe,* eye wokafu Mawu gblɔ be: \"Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ dukɔwo me tɔwo hã be woatrɔ dzi me, ne woakpɔ agbe.\"+ 19 Le ɣeyiɣi sia me la, ame siwo ka hlẽ+ le xaxa si va le Stefano ƒe ku megbe la yi keke Foinike kple Kipro kpakple Antiokia ke, gake Yudatɔwo ɖeɖe koe wonɔ nyaa gblɔm na.+ 20 Ke ame aɖewo le wo dome siwo tso Kipro kple Kirene va Antiokia, eye woƒoa nu na Helagbe dolawo henɔa Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la gblɔm na wo. 21 Yehowa* ƒe asi hã nɔ wo dzi, eye ame geɖe va zu xɔsetɔwo hetrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu.+ 22 Hame si le Yerusalem la se wo ŋu nya, eye wodɔ Barnaba+ ɖo ɖe keke Antiokia ke. 23 Esi wòva ɖo eye wòkpɔ ale si Mawu ve wo nui la, dzi dzɔe ŋutɔ, eye wòde dzi ƒo na wo katã be woayi edzi aɖoe kplikpaa le woƒe dzi me be yewoanɔ Aƒetɔ la me;+ 24 elabena ame nyui wònye, gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu eye xɔse sẽŋu le esi. Eye ameha gã aɖe va xɔ Aƒetɔ la dzi se.+ 25 Eye wòdzo yi Tarso be yeaɖadi Saul ake ɖe eŋu godoo.+ 26 Esi wòkpɔe la, ekplɔe va Antiokia. Wonɔ hamea gbɔ ƒe blibo ɖeka, ƒoa ƒu kpli wo, eye wofia nu ame gbogbo aɖewo. Antiokia ye woyɔ nusrɔ̃lawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo le Mawu ƒe mɔfiafia te.+ 27 Le ŋkeke mawo me la, nyagblɔɖilawo+ tso Yerusalem va Antiokia. 28 Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Agabo+ la tsi tsitre, eye gbɔgb�� la ʋãe wògblɔ be eteƒe madidi o, dɔ gã aɖe ato le anyigba blibo la dzi,+ eye esia va eme vavã le Klaudio ŋɔli. 29 Eya ta nusrɔ̃lawo ɖoe be yewoaɖo kpekpeɖeŋununana,*+ ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋui,+ ɖe nɔvi siwo le Yudea; 30 nu siae wowɔ hã, eye wotsɔe de Barnaba kple Saul si ɖo ɖe hamemetsitsiawo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ze ƒomevi aɖe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wozi ɖoɖoe.\"\n^ Alo, \"subɔsubɔ ƒe kpekpeɖeŋununana.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/11\/","date":"2023-09-24T21:08:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506669.30\/warc\/CC-MAIN-20230924191454-20230924221454-00617.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986274242,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986274242401123}","num_words":682,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Todzimɔ dzi Hadzidzi. 126 Esime Yehowa gakplɔ Zion ƒe aboyomewo gbɔe la,+Ewɔ na mí abe drɔ̃e kumee míenɔ ene. 2 Ɣemaɣi la, nukoko yɔ míaƒe nu me fũuEye míaƒe aɖe tso aseye.+ Ɣemaɣi la, wogblɔ le dukɔwo dome be: \"Nu gãwoe Yehowa wɔ na wo.\"+ 3 Yehowa wɔ nu gãwo na mí,+Dzi le mía dzɔm ale gbegbe. 4 Oo Yehowa, gaɖo mí aboyomeawo te,Abe tɔʋu siwo le Negeb* ene. 5 Ame siwo le nu ƒãm kple aɖatsiwo la,Woaŋe nu kple aseyetsotso. 6 Ame si doa go yia agble, togbɔ be ele avi dzi,Eye wòtsɔa nuku si wòaƒã ɖe asi la,Atrɔ agbɔ kple aseyetsotso,+Eye wòatsɔ nuku bablawo ɖe asi agbɔe godoo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"anyiehe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/126\/","date":"2023-09-30T08:57:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510671.0\/warc\/CC-MAIN-20230930082033-20230930112033-00725.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985771179,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985771179199219}","num_words":107,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"11 Xɔse nye dziɖoɖo ɖe nu si wole mɔ kpɔm na la ŋu kakaɖedzitɔe+ kple kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ. 2 Elabena esia dzie blematɔwo to kpɔ ɖaseɖiɖi na wo ɖokuiwo. 3 Le xɔse me míekpɔe dze sii be woɖo nuɖoanyiwo* anyi le Mawu ƒe nya la nu, ale be nu si wokpɔna la dzɔ tso nu siwo medzena wokpɔna o la me. 4 Le xɔse me Abel tsɔ vɔsa si nyo wu Kain+ tɔ la na Mawu, eye to xɔse sia dzi wòkpɔ ɖaseɖiɖi be enye ame dzɔdzɔe, elabena Mawu xɔ eƒe nunanawo,+ eye togbɔ be eku hã la, egale nu ƒom+ to eƒe xɔse me. 5 Le xɔse me wokɔ Enok+ dzoe, be wòagakpɔ ku o, eye womegakpɔe le afi aɖeke o, elabena Mawu kɔe dzoe;+ elabena hafi woakɔe adzoe la, ekpɔ ɖaseɖiɖi be eƒe nu dze Mawu ŋu nyuie. 6 Gawu la, ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o, elabena ele be ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.+ 7 Le xɔse me Noa,+ esime Mawu na toklãe tso nu siwo womekpɔ haɖe o ŋu la,+ eɖe mawuvɔvɔ̃ fia, eye wòkpa aɖakaʋu+ hena eƒemetɔwo ɖeɖe; eye to xɔse sia me la, ebu fɔ xexea,+ eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila. 8 Le xɔse me Abraham,+ esime woyɔe la, eɖo to hedo go yi teƒe si woɖo be wòaxɔ wòanye eƒe domenyinu la; eye wòdzo, togbɔ be menya afi si yim wòle o hã.+ 9 Le xɔse me eyi ɖanɔ ŋugbedodonyigba la dzi le dzronyigba dzi abe amedzro ene,+ eye eya kple Isak kpakple Yakob, ame siwo hã nye ŋugbedodo ma tututu ƒe domenyilawo+ la, nɔ agbadɔwo+ me. 10 Elabena enɔ du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsolae nye Mawu.+ 11 Le xɔse me wona ŋusẽ Sara hã wòfɔ fu dzi vi,* esime wòtsi to vidzidzi me kura gɔ̃ hã,+ elabena ebu Ame si do ŋugbea la nuteƒewɔlae. 12 Esia tae tso ame ɖeka, si ƒe vidzidziŋutete ku*+ la, mee wodzi vi+ siwo sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, abe ƒutake siwo mele xexlẽ me o la ene.+ 13 Le xɔse me ame siawo katã ku, togbɔ be woƒe asi mesu ŋugbedodoawo dzi o hã;+ ke wokpɔ wo le adzɔge ɖaa,+ eye wodo ɖoaƒe na wo, eye woʋu eme be yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe. 14 Elabena ame siwo gblɔe nenema la ɖee fia be yewole teƒe si azu yewo ŋutɔwo tɔ la dim vevie. 15 Ke ne ɖe wona woƒe susu kpɔtɔ nɔ teƒe si woʋu tso dzi la,+ anye ne mɔnukp��kpɔ su wo si wogbugbɔ yi. 16 Ke azɔ la, nɔƒe si nyo wu la le wo dzrom, si nye dziƒo tɔ. Eya ta mekpe ŋu na Mawu be woayɔ ye be yewoƒe Mawu o,+ elabena edzra du ɖo ɖi na wo.+ 17 Le xɔse me Abraham, esime wodoe kpɔ la,+ etsɔ Isak na, eya, ame si xɔ ŋugbedodoawo kple dzidzɔ la, tsɔ eƒe tenuvi+ la sa vɔe kloe, 18 togbɔ be wogblɔ nɛ be, \"Ame si woayɔ be 'wò dzidzimevi' la adzɔ tso Isak me\" hã.+ 19 Ke ebui be Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye exɔe tso ku me hã le kpɔɖeŋumɔ nu.+ 20 Le xɔse me kee Isak yra Yakob+ kple Esau+ le nu siwo ava va la ŋu. 21 Le xɔse me Yakob, esime wòsusɔ vie wòaku la,+ eyra Yosef viŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe,+ eye wòziɔ ɖe eƒe atizɔti ŋu de ta agu.+ 22 Le xɔse me Yosef, esime eƒe kuɣi gogo la, eƒo nu tso Israel-viwo ƒe ʋuʋu la ŋu, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋu.*+ 23 Le xɔse me, esime wodzi Mose la, edzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ,+ elabena wokpɔe be ɖevi la dze ɖeka,+ eye womevɔ̃ fia ƒe sedede la o.+ 24 Le xɔse me Mose, esime wòtsi la,+ egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o,+ 25 eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la, wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, 26 elabena ebu ŋukpe si wodoe abe Kristo* la ene be exɔ asi sãsãsã wu Egipte ƒe kesinɔnuwo, elabena eƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la dzi tututu. 27 Le xɔse me edzo le Egipte,+ ke mevɔ̃ fia ƒe dziku la o,+ elabena eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wòle Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.+ 28 Le xɔse me eɖu Ŋutitotoŋkekenyui la hewɔ ɖe ʋuhehlẽ ƒe ɖoɖo la dzi, ale be nutsrɔ̃la la nagaka asi woƒe ŋgɔgbeviwo+ ŋu o. 29 Le xɔse me woto Ƒudzĩ la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene,+ ke esi Egiptetɔwo tee kpɔ la, ƒu la mi wo.+ 30 Le xɔse me Yeriko gliawo mu esi wozɔ ƒo xlãe ŋkeke adre megbe.+ 31 Le xɔse me Rahab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, elabena exɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me.+ 32 Eye nya kae magagblɔ? Elabena ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu tso Gideon,+ Barak,+ Samson,+ Yefta,+ David+ kpakple Samuel+ kple nyagblɔɖila bubuawo ŋu o. 33 Le xɔse me woɖu fiaɖuƒewo dzi,+ wowɔ nu dzɔdzɔe, xɔ ŋugbedodowo,+ mia nu na dzatawo,+ 34 tsi dzo ƒe ŋusẽ nu,+ si le yi nu,+ wona ŋusẽ ɖo wo ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me,+ wowɔ kalẽ le aʋawɔwɔ me,+ wosi aʋakɔ siwo tso ɖe wo ŋu la keŋkeŋ.+ 35 Wofɔ nyɔnu siwo ƒe amewo ku la ɖe tsitre na wo,+ ke wowɔ fu ame bubuwo vevie, elabena womelɔ̃ be yewoana ta ale be yewoakpɔ ablɔɖe le mɔ aɖe nu o, be yewoakpɔ tsitretsitsi si nyo wu la. 36 Ɛ̃, ame bubuwo to fewuɖuɖuwo kple ƒoƒowo ƒe tetekpɔwo me, gawu la, wokpe bablawo+ kple gaxɔmenɔnɔwo+ ƒe fu. 37 Woƒu kpe wo,+ wote wo kpɔ, wodze wo ɖe eve kple laxalaxa, wowu wo kple yi,+ wonɔ tsatsam le alẽgbalẽwo me, le gbɔ̃gbalẽwo me,+ esime wole hiã me, le xaxa me,+ le fuwɔwɔ+ wo me; 38 eye xexea medze wo o. Wotsa tsaglãla le gbedzi kple towo dzi kpakple anyigba dzi agadowo+ kple ʋewo me. 39 Togbɔ be ame siawo katã kpɔ ɖaseɖiɖi nyui na wo ɖokuiwo le woƒe xɔse ta hã la, womekpɔ ŋugbedodo la me vava o, 40 elabena Mawu kpɔ nane si nyo wu la da ɖi na mí,+ ne woagawɔ wo bliboe míawo manɔmee o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wòfɔ dzidzimevi ƒe fu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"si le abe ame si ku ene.\"\n^ Alo, \"eƒe ɖiɖi ŋu.\"\n^ Alo, \"Amesiamina.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Hebrit%C9%94wo\/11\/","date":"2023-09-29T14:02:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510516.56\/warc\/CC-MAIN-20230929122500-20230929152500-00197.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988916516,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988916516304016}","num_words":1060,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Shepherd Centre of Ageing si nye dɔmenyo habɔbɔ aɖe le Amuga Nutoa me si menɔla geɖewo nye ametsitsiwo abe ƒe blaenyi mawo lɔƒo ene ƒe alɔdze si le Vakpo, North Dayi nutoa mea, wɔ Lãmese dodokpɔ na dumeviwo abe woƒe ƒe eve zaɖuɖu ƒe akpa aɖe ene.\nHabɔbɔmetɔwo le Vakpo kple eƒe golɔguiwo me si Torgbe Atikpli IV tso Ashantime, Adomi, nɔ ŋgɔ na, wɔ wɔna wodze gomekpɔlawo ŋu to nukokoe doname, glitoto, fefewɔwɔ kple biblia me dzodzrowo le wonɔewo domea, me.\nKe le wɔna mea, wokplɔ gomekpɔwo, ametsitsiwo kple ɖeviwo sia, to nufiafia kple nuxlɔmenya siwo woatsɔ atu woƒe agbewo ɖo me.\nLe dzeɖoɖo me kple voltaonlinegh.com ƒe nutsotsonala, Torgbe Atikpli IV ɖe eme be habɔbɔa ƒe taɖodzinue nye be wòahe ɖekawɔwɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ vɛ na ametsitsi ɖesiaɖe.\nEte gbe ɖe edzi be zi geɖea, amewo bua ametsitsi mawo adzetɔwoe si wɔnɛ be agbenɔnɔ sesẽna nawo yi hea ahedada kple ku vana wodzie. Ke ebia tso amewo si be woagbe nu le ŋkɔ vlowo yɔyɔ ɖe woƒe ametsitsi ŋu kple nuwɔna bubu aɖe siwo medze o la, gbɔ.\nTogbui Atikpli be habɔbɔ de lãmese dodokpɔ, lɔlɔnu fã nunana dɔnɔwo kple dume-dzadzraɖo wɔna geɖewo tome kpe ɖe tsaɖiɖi de modzakaɖeƒe vevi aɖewo tso esime habɔbɔa dze te le Vakpo.\nKe ebia tso ametsitsi kata kloe si be woage ɖe Shepherd's Centre of Ageing habɔbɔa me hena dzidzɔdodo ɖe woƒe agbewo ŋu le woƒe tsitsime ŋkekewo ŋu.\nEɖee gblɔ ha be, habɔbɔa ɖo tame kplikpa be yeatu ŋkuυuυui modzakaɖeƒe aɖe ɖe North Dayi Nutoa me alebe, edoe ɖe amedɔɖulawo gbɔ be woana kpekpeɖeŋu aɖewo habɔbɔa kple susu be, drɔekuku ma nateŋu ava eme na habɔbɔa.\nShepherd's Centre of Ageing habɔbɔa ƒe alɔdzewo de blaeve kple edzivɔwo le Amuga Nutoa me kpe ɖo alebe, emenɔlawo tso sɔlehawo vovowo me abe, Roman Catholic, RC, Nyanyui hamea alo Evangelical Presbyterian Church, Apostles Revelation Society (ARS) kple bubuawo.\nBy: Bernice Bubune\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/ametsitsiwo-%C6%92e-d%C9%94menyo-hab%C9%94b%C9%94-w%C9%94-lamese-dodokp%C9%94-na-amewo-le-vakpo\/","date":"2023-12-02T09:33:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100381.14\/warc\/CC-MAIN-20231202073445-20231202103445-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998544693,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985446929931641}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xaxawo Bɔ Egbea Gake Mɔkpɔkpɔ Li\n\"Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.\"—2 TIMOTEO 3:1.\nÐE NÈSE nublanuinya siwo gbɔna dometɔ aɖe, alo kpɔ eteƒe, kpɔa?\n● Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖe ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa.\n● Dɔwuame kplɔa ame alafa geɖe yi tsieƒee.\n● Anyigbaʋuʋu aɖe wu ame akpewo, eye ame akpeakpewo zu aƒemanɔsitɔwo.\nMíadzro nudzɔdzɔ siawo tɔgbi ŋuti nyateƒenya vevi aɖewo me le nyati siwo kplɔe ɖo me. Nyatiawo ana nàkpɔe hã be Biblia gblɔe ɖi xoxoxo be nu siawo adzɔ le ɣeyiɣi si woyɔ be \"ŋkeke mamlɛawo\" me. *\nGake menye nyati siawo ƒe taɖodzinue nye be woana kakaɖedzi wò be míele xexe si me xaxawo bɔ ɖo me o. Anɔ eme be wò ŋutɔ èle xaxa siawo teƒe kpɔm xoxo. Eya ta ɖe woŋlɔ wo be woana nàkpɔe be mɔkpɔkpɔ li. Woaɖee afia be nyagblɔɖi ade aɖewo, siwo le eme vam fifia la ɖo kpe edzi be \"ŋkeke mamlɛawo\" awu enu kpuie. Woadzro susu siwo le ame geɖe si tso nudzɔdzɔ siawo ŋu hã me, eye woana nàkpɔ susu siwo ta wòle be nàka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe li gbɔna.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye \"Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?\" le magazine sia ƒe axa 16 kple 17 lia hena numekɔkɔ tso nu si ta Mawu ɖe mɔ nu siawo le dzɔdzɔm ɖo la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Xaxawo-B%C9%94-Egbea-Gake-M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-Li\/","date":"2023-12-02T02:51:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100309.57\/warc\/CC-MAIN-20231202010506-20231202040506-00841.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985736012,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985736012458801}","num_words":228,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nNu ka tae Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe vivivi ɖo?\nMíexlẽ nu tso ale si Yesu da dɔ na ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida la ŋu le Marko 8:22-26. Nuŋlɔɖia gblɔ be gbã la, Yesu sisi ta ɖe ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi, eye wòbiae be nu ka kpɔm wòle hã. Ŋutsua ƒe ŋuɖoɖoa ɖee fia be anya tɔtɔ, egblɔ be: \"Mele amewo kpɔm, elabena mele nu siwo le abe atiwo ene la kpɔm, gake wole zɔzɔm.\" Yesu gaka asi ŋutsua ƒe ŋkuwo ŋu ake, eye nu si do tso emee nye be: \"Ŋutsua kpɔ nu nyuie, eye wòhaya, eye wònɔ nu sia nu kpɔm nyuie.\" Edze ƒãa be ɖe Yesu ʋu ŋku na ŋutsua vivivi. Nu ka tae?\nBiblia meɖo nya sia ŋu tẽe o, gake míate ŋu adzro susu aɖewo siwo ta wòanya wɔe nenema ɖo la me. Tɔtrɔ gã aɖe ŋutɔe wòanye be ame aɖe si gbã ŋku hena ƒe geɖe, alo le eƒe agbe me katã gɔ̃ hã, nate nukpɔkpɔ. Le kpɔɖeŋu me: Wozãa sɔ aɖewo le tomenukuƒewo hena dɔwɔwɔ. Dɔwɔwɔ le viviti me le to me va maa wo ale gbegbe be ne woɖe wo do go va go ta la, womete ŋu kpɔa nu nyuie le kekeli me o hena ŋkeke blibo ɖeka. Le ŋkuagbãtɔ gome la, agahiã ɣeyiɣi geɖe wu hafi wòate ŋu akpɔ nu nyuie. Le egbeŋkekeawo me la, amekolawo te ŋu kpɔ dzidzedze le ŋkuagbãtɔ ʋɛ aɖewo ƒe ŋkuwo koko me eye wote nukpɔkpɔ. Gake woƒe ahɔhɔ̃ mete ŋu dea vovototo nu gbogbo siwo woƒe ŋkuwo tea kpɔkpɔ la me enumake o, si wɔnɛ be wotɔtɔna zi geɖe. Amadedewo kpakple nuwo ƒe nɔnɔme kple woƒe dzedzeme vovovo siwo wotea kpɔkpɔ la nana wotɔtɔna, eye womete ŋu kpɔa nu siwo wonya nyuie la gɔ̃ hã dzea sii o. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woƒe ahɔhɔ̃a te ŋu va nana wokpɔa nu siwo woƒe ŋkuwo kpɔ la dzea sii.\nÐewohĩ ŋkuʋuʋu na ŋkuagbãtɔ sia vivivi ɖee fia be Yesu tsɔ ɖe le eme nɛ lɔlɔ̃tɔe. Mlɔeba, ŋutsua va 'nɔ nu sia nu kpɔm nyuie' hekpɔa nu siwo wòkpɔ la dzea sii.\nLe Yesu ƒe ŋkekea me la, nu ka tae agbalẽ xatsaxatsa xexlẽ bia agbagbadzedze geɖe ŋutɔ?\nZi geɖe la, agbalẽ ɖeɖe siwo wotsɔ wɔa agbalẽ xatsaxatsawo la ƒe didime nyea sentimeta 23 va se ɖe 28, eye woƒe kekeme nyea sentimeta 15 va se ɖe 23. Wotsɔa nutrenu trea agbalẽ ɖeɖe siawo ƒe xexlẽme aɖe alo tsɔa aklalaka tɔa wo ɖe wo nɔewo nu ɖekaɖeka. Wozãa agbalẽ ɖeɖe siwo didi wu la ɣeaɖewoɣi. Agbalẽ ɖeɖe sia ɖekaɖeka 17 ye wotsɔ wɔ Yesaya ƒe Ƒukukua Me Gbalẽ Xatsaxatsaa, si wɔe be eƒe akpa si kpɔtɔ li egbea la ƒe didime anɔ abe meta 7 ene. Anɔ eme be didime ma tɔgbi kee nɔ Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa si Yesu zã le ƒuƒoƒea le Nazaret la hã si.—Luka 4:16, 17.\nAƒetɔ Alan Millard gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu be: \"Nuxlẽlaa tsɔa eƒe nuɖusi léa agbalẽa toga hetsɔa eƒe miasi vlunɛ, eye wògbugbɔ nɔa eŋlɔm kple eƒe nuɖusi esime wòle nu ŋɔŋlɔ siwo le agbakawo me la xlẽm ɖe wo nɔewo yome. Edze ƒãa be hafi Yesu naʋu Yesaya ta 61 lia si wòxlẽ le ƒuƒoƒea la, enɔ nɛ be wòavlu agbalẽa katã kloe kple eƒe miasi agbugbɔ anɔ eŋlɔm kple eƒe nuɖusi.\"—Discoveries From the Time of Jesus.\nƔemaɣi la, womema Yesaya ƒe agbalẽ ɖe tawo kple kpukpuiwo me abe ale si wòle egbea ene o. Esime wotsɔ Yesaya ƒe agbalẽa de asi na Yesu le ƒuƒoƒea le Nazaret la, enɔ nɛ be wòadi teƒe si nye Yesaya 61:1, 2 le míaƒe Bibliawo me egbea. Yesu 'kpɔ teƒea' bɔbɔe ŋutɔ, si ɖe ale si gbegbe wònya Mawu ƒe Nya lae fia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080401\/%C3%88nyaa\/","date":"2023-12-03T20:17:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100508.53\/warc\/CC-MAIN-20231203193127-20231203223127-00292.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993805289,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993805289268494}","num_words":611,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amugã nutome kpovitɔwo dɔdzikpɔƒea gbe nu le nyadzɔdzɔ aɖe si do hede dzesie Adidome nutome kpovitɔwo ƒe ƒe ɖeka ɣleti adẽ vi aɖe lele ƒe nya gbɔ be mele eme o.\nNyadzɔdzɔa de dzesie be, kpovitɔ siwo le Adidome sile Central Tognu nutoamea, wole nyɔnuvi ɖevi aɖe si woɖe ŋkɔ na be Princess Gokay ɖe alesi wobu nazã ɖe eŋu be etiekpɔ be yeade aɖi nume na etɔɖia ƒe vi ŋutsuvi si woɖe ŋkɔ na be Kwaku Gokay sinɔ dɔlem la.\nGake Amugã nutome hlɔ̃nyawo dzikpɔla Supt. Wonder Dogbevia, ɖeme be kpovitɔwo womele ɖevi aɖeke nenema abe alesi nyadzɔdzɔa de dzesie ene o.\nEbe yewo miasi amesiwo ƒe asiwo le nyadzɔdzɔ ma kaka mea hena gbebiabia wo.\nTogbɔbe ele alea hã, nuteƒekpɔla aɖe sile nutoamea ka nyata be nugɔmasemase le ɖevi eveawo dadawo domi eye wodometɔ ɖeka vae na nutsotso kpovitɔwo. Eɖeme be kadodo nyuie aɖeke mele vifofo eveawo hã dome o.\nToday nyadzɔdzɔgbalãe he nyadzɔdzɔ si gbɔ kpovitɔwo nu gbem lea ɖe go le Blaɖagbe si vayi ŋdime. Woƒe nyadzɔdzɔa ɖeme hã be, kpovitɔwo wɔ ɖoɖo hena ɖevia kpɔkplɔ yi Mafi Adidome nutome υɔnudrɔ̃ƒea alebe woavae ɖo biabia aɖewo ŋu kuɖe nudzɔdzɔa ŋuti.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/kpovit%C9%94wo-be-yewo-mele-%C9%A3leti-wuienyi-vi-a%C9%96eke-o\/","date":"2023-12-02T08:53:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100381.14\/warc\/CC-MAIN-20231202073445-20231202103445-00300.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993913174,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":15,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993913173675537}","num_words":194,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.19,"stopwords_ratio":0.155,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusiwo Naa Afɔku Nɔa Dɔwɔƒewo\n\"Amewo kuna le dɔw��ƒewo wu le lɔrifɔkuwo me.\" Tanya siae Dɔwɔƒe ƒe Dedienɔnɔ, si nye dedienɔnɔgbɔkpɔha aɖe si le New South Wales, Australia, ŋlɔ gbadzaa ɖe nyatakagbalẽvi aɖe si wòma na amewo dzi.\nNYATEƑEE, afɔku siwo me amewo kuna le la nye kuxia ƒe akpa aɖe ko. Ame miliɔn geɖe xɔa abi vevie le woƒe dɔwɔƒewo ƒe sia ƒe, wo dometɔ aɖewo zua nuwɔametɔwo gɔ̃ hã. Ame bubu geɖe hã kua kukpo le dɔwɔwɔ le afisiwo wozãa nusiwo me afɔku le alo le dzimaɖitsitsi le dɔwɔƒe ta.\nEsi amewo kuna eye amewo xɔa abi vevie le adzɔnuwɔƒe kple asitsaƒe ɖesiaɖe kloe ta la, esɔ be woabia be: Ðe nèle dedie ŋutɔŋutɔ le wò dɔwɔƒea? Nɔnɔme kawoe le afima si ate ŋu ade wò lãmesẽ kple agbe afɔku me?\nAfisiwo Woyɔa Ʋu ɖe Ame Nu Le\nWoyɔa ʋu ɖe dɔwɔlawo nu vevie zi geɖe be woawɔ dɔ geɖe. Japangbe me nya karoshi—si fia \"dɔwɔwɔ akpa me ku\"—dze zi gbãtɔ le teƒeɖogabiabia siwo ƒometɔwo tsɔ ɖe dɔtɔwo ŋu me. Le numekuku aɖe si wowɔ ƒe aɖewo va yi me la, Japan ɔfisdɔwɔla 40 le alafa me vɔ̃na be dɔwɔwɔ akpa ate ŋu awu yewo. Senyala aɖe si kpɔa teƒeɖoga xɔxɔ ŋu nyawo koŋ gbɔ bu akɔnta be \"ame 30,000 ya teti kuna le Japan ƒe sia ƒe le dɔwɔwɔ akpa ta.\"\nJapan kpovitɔwo gblɔ be anye dɔwɔwɔ me kuxiwo koŋ gbɔe wòtso be ƒe 50 va ɖo 59 xɔla siwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ɖo. Agbalẽ si nye The Violence-Prone Workplace gblɔ be, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ dɔtɔ aɖe be egbɔe wòtso be dɔwɔla aɖe si dɔwɔnyawo wu tsɔtsɔ na la wu eɖokui.\nAustraliatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Canberra Times gblɔ be 'Amerikatɔwo gbɔ Japantɔwo ŋu le gaƒoƒo geɖe zazã ɖe dɔ ŋu me le xexeame katã.' Eyata nyadzɔdzɔ siwo woɖoa tanya na abe \"Dɔwɔwɔ Gaƒoƒo Geɖe le Amewo Wum\" ene la ƒoa nu tsoa alesi ʋudɔwɔlawo, dɔnɔkɔʋukulawo, yameʋukulawo, xɔtudɔwɔlawo, kple zãdɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi tena vevie la kunae le dɔwɔƒewo ŋu.\nNe dɔtɔwo gbugbɔ woƒe dɔwɔɖoɖowo le wɔwɔm eye wole dɔwɔlawo dzi ɖem kpɔtɔ kple susu be viɖe geɖe nasu yewo si la, woziaa dɔwɔlawo dzi vevie be woawɔ dɔ geɖe. British Medical Journal ka nya ta be dɔwɔlawo dzi ɖeɖe kpɔtɔ gblẽa nu le dɔwɔlawo ŋu vevie.\nŊutasẽnuwɔwɔ le Dɔwɔƒewo\nDɔwɔla siwo wozã gbɔ eme eye nu te ɖe wo dzi la hã dea wo nɔewo afɔku me. Numekuku aɖe si Britaintɔwo wɔ ɖee fia be le ɔfisdɔwɔlageɖe gome la, dɔwɔhatiwo ƒe nyahehe le wo nɔewo dome xɔa woƒe dɔwɔŋkekewo me ŋutɔ eye zi geɖe la, masɔmasɔ siawo va hea ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu vɛ.\nBusiness Week magazine gblɔ be: \"Wowua Amerika dɔwɔla siwo ade 15 le dɔwɔƒe kwasiɖa sia kwasiɖa.\" Harvard Business Review gblɔ be: \"Dɔnunɔla aɖeke media dɔwɔƒe ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu nyawo sese o. Ke hã nyaa kpɔtɔ li be dɔwɔla alafa geɖe ƒoa wo tɔwo alo wua wo gɔ̃ hã ƒe sia ƒe.\"\nLe go bubu me la, asisiwoe sẽa ŋuta le dɔwɔlawo ŋu. Autraliatɔwo ƒe hlɔ̃nuwɔwɔwo ŋuti nyatakaka gblɔ be ɖɔkta aɖewo vɔ̃na na nuvlowɔwɔ ale gbegbe be wokplɔa ame ɖe wo ɖokui ŋu ne woyina amewo gbɔ le aƒeme. Dɔwɔla bubu siwo ɖoa afɔku mee nye kpovitɔwo kple nufialawo.\nDɔwɔƒe ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ bubu ƒomevi enye seselelãme ŋutasẽnuwɔwɔ, si Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ buna be enye ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋu le susu me. Eƒomevi si bɔ wue nye ŋkukeklẽ do ame.\nNufialagã Robert L. Veninga si le Minnesota Yunivɛsiti, U.S.A., ka nya ta be \"nuteɖeamedzi kple eŋu dɔlélewo dzea dɔwɔlawo dzi le xexeame ƒe afisiafi kloe.\" Egblɔ be \"nusi gbɔ koŋ kuxia tsona, abe alesi ƒe 1993 Xexeame Dɔwɔlawo Ŋuti Nyatakaka si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ ta ɖee fia ene la, enye nuteɖeamedzi si tsoa vevemaseɖeamenu, nuwo ƒe tɔtrɔ kabakaba, kple anyrawɔwɔ le ame ŋu si yia edzi zi geɖe le dɔwɔƒewo.\"\nEyata biabiae enye be, Nukae dɔtɔwo kple dɔwɔlawo ate ŋu awɔ be dɔwɔƒea nanɔ dedie wu? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/Nusiwo-Naa-Af%C9%94ku-N%C9%94a-D%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/","date":"2023-12-04T07:02:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100525.55\/warc\/CC-MAIN-20231204052342-20231204082342-00736.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994793534,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999479353427887}","num_words":672,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Siwo Ana Nàkpɔ Dzidzedze\nNyabiase bɔbɔe eve siawo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miaƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze wu.\nAɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso.\nNu kae wòle be srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo, kple ɖeviwo nawɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?\nÐe wò kple srɔ̃wò miele abe ame eve siwo le xɔ ɖeka me enea?\nNe ame eve siwo mede blibo o ɖe wo nɔewo la, kuxiwo ado mo ɖa godoo. Dzigbɔɖi le vevie ŋutɔ hafi srɔ̃ɖeɖe nate ŋu akpɔ dzidzedze.\nBubudede ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me menye nu si adzro ame hafi wòawɔe o ke boŋ enye nu si wòle be woawɔ. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?\nGbe sia gbe hloloetsotso, dɔwɔɖuia kple susuhenuwo wɔnɛ be mí kple mía srɔ̃ dome megava nɔa kplikplikpli abe tsã ene o. Ðe miagate ŋu ade agbe miaƒe srɔ̃ɖeɖea mea?\nNe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ɖoe be yewoade dzesi yewo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, wo dome va vivina wu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?\nAleke srɔ̃tɔwo ate ŋu aɖee afia be yewotsɔ ɖe le eme na yewo nɔewo ŋutɔŋutɔ? Xlẽ nu tso aɖaŋuɖoɖo ene siwo wotu ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi la ŋu.\nKɔsɔkɔsɔ si wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu ado le srɔ̃ɖeɖea me o ye kukuɖeameŋu nyea alo seke aɖe si ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te sesĩe ye wònyea?\nAsaƒoƒo na ahasiwɔwɔ koe nye nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃a?\nKuxi aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe evelia me, si menɔa srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me o. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ akpɔ dzidzedze?\nNu sia nu ate ŋu asu ƒome aɖe si, evɔ woaɖo ko le nu si le vevie wu la gome.\nNe míelɔ̃ amewo eye woawo hã lɔ̃ mí la, enana míekpɔa dzidzɔ.\nNya Si Biblia Gblɔ\nNu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu-kple-ŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la nya nu siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme la nyuie.\nMawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe anyia? Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu la ɖa.\nKpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso ale si amegbetɔwo katã le sɔsɔe kple srɔ̃ɖeɖe ŋu.\nXlẽ nu tso ale si ɖoƒe si Mawu da ŋutsu kple nyɔnu ɖo le ƒomea me ate ŋu ana woakpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔe la ŋu.\nÐe Kristotɔ siwo nye trewo ate ŋu akpɔ dzidzɔa? Biblia gblɔ ale si tututu wòle be mi.\nKuxiwo Kple Wo Gbɔ Kpɔnuwo\nLe esi nàna srɔ̃wò ƒe nɔnɔme aɖe si medzɔa dzi na wò o nade dzre mia dome teƒea, srɔ̃ ale si nàde dzesi nu nyui aɖe le nɔnɔme ma ŋu.\nAɖaŋuɖoɖo atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgana wò dɔwɔɖuia naxɔ ɣeyiɣi si wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò ŋu la le asiwò o.\nAleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ame siwo nye ŋutasẽla vɔ̃ɖitɔwo gɔ̃ hã ŋu woatrɔ woƒe nɔnɔme?\nNu etɔ̃ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ale be wò kple srɔ̃wò dzilawo dome kuxiwo made masɔmasɔwo mia dome o.\nÀte ŋu abu dziwòlawo evɔ màɖe mɔ na wo woanɔ nu dem miaƒe ƒomenyawo me madzemadzee o.\nAleke srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me?\nNe srɔ̃tɔ aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawoa, aleke eya kple srɔ̃a woawɔ nu aduadu be wòate ŋu aɖu numame ma dzi eye woagaka ɖe wo nɔewo dzi?\nAɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ eye nàdzra wò kple srɔ̃wò dome ɖo.\nÐe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be ye kple ye srɔ̃ ƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo me oa?\nÐe tsɔtsɔke bia be nàbu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò la nu tsɛ alo awɔ abe ɖe medze agɔ le dziwò kura ene oa?\nNu kae akpe ɖe ŋuwò be nàŋe aɖaba aƒu srɔ̃wò ƒe blibomademade dzi?\nSrɔ̃tɔ aɖewo toa kuxi sesẽwo me ne wo viwo tsi eye woʋu le aƒea me. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu?\nNa woakpe ɖe ŋuwò.\nNe srɔ̃tɔwo bua nazã ɖe wo nɔewo ŋu alo womekana ɖe wo nɔewo dzi oa, dzidzɔ mate ŋu anɔ srɔ̃ɖeɖea me o. Eya ta aleke nàwɔ aƒo asa na ŋuʋaʋã si gbɔ eme?\nÐe nègblɔna na ɖokuiwò be, 'Xɔ̃wo ko míenyea'? Ne nenemae la de ŋugble tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu ahakpɔe ɖa be nuŋububu sia sɔ mahã.\nKaklã Kple Srɔ̃gbegbe\nTogbɔ be srɔ̃tɔ aɖewo susuna be ne yewogbe yewo nɔewo la, ade ɖeviawo dzi wu hã la, numekukuwo ɖee fia be ɖe srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖeviwo ŋu vevie boŋ.\nÐe mia dome va le ko abe avu kple dadi ye le teƒe ɖeka enea? Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.\nBiblia fa akɔ na srɔ̃tɔ geɖe siwo dzi wodze agɔa le.\nÐe ahasiwɔwɔ fia srɔ̃ɖeɖe ƒe nuwuwu kokokoa?\nNe mia kple srɔ̃wò mieɖoe be miayi edzi anye srɔ̃tɔwo togbɔ be nya sesẽ abe ahasiwɔwɔ ene do mo ɖa hã la, ke efia be esia manɔ bɔbɔe o. Gake miate ŋu akpɔ dzidzedze!\nXlẽ nu tso nu si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo kple nu si wòlé fui ŋu.\nAme siwo gbe wo nɔewo la katã kloe va kpɔnɛ be agbea sesẽ na yewo wu ale si yewokpɔ mɔ nɛ. Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu afa akɔ na wò eye nàɖu kuxiawo dzi.\nÐe Yehowa Ðasefowo kpena ɖe ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le la ŋua? Ðe wòle be hametsitsiwo nada asi ɖe Ðasefo aɖe ƒe srɔ̃gbegbe dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-mawu-%C6%92e-susu\/","date":"2023-12-09T11:51:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100909.82\/warc\/CC-MAIN-20231209103523-20231209133523-00590.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991138577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991138577461243}","num_words":946,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Le Yehu+ ƒe ƒe adrelia me la, Yehoas+ zu fia, eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibiya, tso Beer-Seba.+ 2 Yehoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume le ŋkeke siwo katã me nunɔla Yehoyada fia nui la me. 3 Gake meɖe nuxeƒewo+ ɖa o, eye dukɔ la gasaa vɔ hedoa dzudzɔ le nuxeƒeawo kokoko. 4 Eye Yehoas gblɔ na nunɔlawo be: \"Mitsɔ ga siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒe aƒe me wònye nunana kɔkɔewo,+ si nye ga si woka na ame sia ame,+ ga home si woxena ɖe ame* ta, kple ga siwo katã ame sia ame ƒe dzi ʋãe wòtsɔ va Yehowa ƒe aƒea me la.+ 5 Nunɔlawo naxɔe le ame siwo tsɔe vɛ la si,* eye woazãe atsɔ aɖɔ aƒe la ɖo; afi sia afi si gbagbãƒe aɖe le ko.\"+ 6 Le Fia Yehoas ƒe ƒe blaeve vɔ etɔ̃lia me gɔ̃ hã la, nunɔlawo mekpɔ dzra aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo o.+ 7 Eya ta Fia Yehoas yɔ nunɔla Yehoyada+ kple nunɔla bubuawo gblɔ na wo be: \"Nu ka tae miele aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖɔm ɖo o? Eya ta migaxɔ ga aɖeke le ame siwo tsɔnɛ vanɛ la si azɔ o, negbe ne miazãe atsɔ aɖɔ aƒe la ɖo hafi.\"+ 8 Eye nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewomagaxɔ ga aɖeke tso dukɔ la si azɔ o, eye be aƒe la dzadzraɖo meganye yewoƒe agba o. 9 Azɔ nunɔla Yehoyada tsɔ aɖaka+ aɖe, ŋɔ do ɖe eƒe nutuvi ŋu, eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui la xa, le ɖusime, ne woyina Yehowa ƒe aƒe la me. Eya mee nunɔla siwo nye agbonudzɔlawo tsɔa ga siwo katã wotsɔna vaa Yehowa ƒe aƒea me la kɔna ɖo.+ 10 Ɣesiaɣi si wokpɔ be gaa sɔ gbɔ ɖe aɖakaa me la, ekema fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã la vana, eye woɖea* ga si wotsɔ va Yehowa ƒe aƒea me la hexlẽnɛ.+ 11 Eye wotsɔa ga si woxlẽ la dea asi na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔdzikpɔlawo. Woawo hã tsɔnɛ xea fe na atikpalawo kple xɔtula siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe aƒe la ŋu,+ 12 kple gliɖolawo kpakple kpefulawo. Woƒlea xɔtutiwo kple kpe fufuwo hã, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo, eye wozãa gaa tsɔ kpɔa nu siwo katã wozãna ɖe aƒe la ɖɔɖɔ ɖo ŋu la gbɔ. 13 Ke wometsɔ ga si wotsɔna vaa Yehowa ƒe aƒe la me la wɔ klosalogbawo, dzotsinuwo, agba goboewo, kpẽwo,+ alo sikanu loo alo klosalonu aɖeke hena Yehowa ƒe aƒe la o.+ 14 Dɔwɔlaawo koe wotsɔa gaa nana be woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo. 15 Womebiaa akɔnta ŋutsu siwo si wotsɔa ga la dena be woatsɔe ana dɔwɔlaawo la o, elabena woka ɖe wo dzi.+ 16 Ke wometsɔa ga si woxena ɖe fɔɖivɔsa+ ta kple ga si woxena ɖe nuvɔ̃vɔsa ta ya vana Yehowa ƒe aƒe la me o; wonye nunɔlawo tɔ.+ 17 Ɣemaɣie Siria-fia Hazael+ ho ɖawɔ aʋa kple Gat,+ eye wòxɔe; ema megbe eɖoe be yeaho ɖe Yerusalem hã ŋu.+ 18 Eya ta Yuda-fia Yehoas tsɔ nunana kɔkɔe siwo katã ŋu tɔgbuia Yuda-fia siwo nye Yehosafat, Yehoram kple Ahaziya kɔ, kple eya ŋutɔ ƒe nunana kɔkɔewo kpakple sika siwo katã le Yehowa ƒe aƒe ƒe kesinɔnudzraɖoƒe kple fia ƒe aƒe* me la, ɖo ɖe Siria-fia+ Hazael. Ale wòtrɔ dzo le Yerusalem ŋu. 19 Yehoas ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Ke Yehoas ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu,+ eye wowui le Kpo*+ la ƒe aƒe la gbɔ, le mɔ si yi Sila la dzi. 21 Eŋume siwo wui la woe nye Yozakar, Simeat vi, kple Yehozabad, Somer vi.+ Woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David Ƒe Du la me, eye via Amaziya zu fia ɖe eteƒe.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"luʋɔ.\"\n^ Alo, \"naxɔe le eƒe ame nyanyɛ si.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"woblaa.\"\n^ Alo, \"fiasã.\"\n^ Alo, \"Bet-milo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-fiawo\/12\/","date":"2023-11-30T02:09:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.15\/warc\/CC-MAIN-20231130000127-20231130030127-00762.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994287491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994287490844727}","num_words":619,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele microservice aɖe wɔm to Tinkoff Invest API zazã me be wòawɔ dɔwɔwɔ kple asitsalawo ƒe nyatakakawo kple akɔntabubu le dɔdzikpɔfewo ŋu le eɖokui si.\nNusiwo ʋã amewo wowɔ akɔntabubu dɔwɔƒea na Tinkoff Investments enye: nyati si ku ɖe Habré ŋu \"Nusi Tinkoff Investments mele gbɔgblɔm o\"\nEsi mete yalm 100b kpɔ vɔ la, nu vevi aɖe do mo ɖa be ele be maƒo gazazã ŋuti dɔwɔƒe aɖe nu ƒu na asitsatsa sia. Nyemenya nusitae o, be mawu nusi medze\nLe June ƒe nuwuwu la, Yandex ɖe ahɔhɔ̃mekawo ƒe kadodo aɖe si me nu biliɔn 100 le si woyɔna be YaLM 100B ɖe go na dukɔa . Enye ahɔhɔ̃mekawo ƒe kadodo gãtɔ\nIn the previous article , míebu alesi woawɔ aɖo asitsatsa ƒe mɔnu si nye algorithmic ɖe mɔ̃ dzi ahadze egɔmee ŋu. Ne èdi be yeakpɔ ga kple aŋenu le scalping\nNukae nye React JS na gɔmedzelawo ƒe dummies, nukae nye ema, nufiamewo, ɖoɖo, nuŋlɔɖiwo – alesi woaɖo React JS agbalẽdzraɖoƒea eye woazãe ne èle\nWowɔ OpexBot na amesiwo mese ɖoɖowɔɖiwo gɔme o alo esiwo le gɔmedzenuawo srɔ̃m ko. Algorithmic asitsatsa ƒe mɔnu sia le bɔbɔe ŋutɔ be woaɖoe ɖe mɔ̃ dzi ahazãe.\nAlgorithmic gbegbɔgblɔ QPILE na ɖoɖowɔɖi asitsatsa robotwo na QUIK. Woate ŋu aŋlɔ asitsatsa ƒe robotwo ɖe gbe aɖe koŋ me, si sɔ kple ɖoɖowɔɖi ƒe kɔpi.\nПрограммирование\nMagblɔe na wò abe ɖe nèsrɔ̃ nu tso ɖoɖowɔɖiwo ŋu zi gbãtɔ ene. Mina míadze egɔme tso kuxia dzi eye afɔɖeɖe ɖesiaɖe míate ɖe eƒe egbɔkpɔnu ŋu.\nПрограммирование\nGblẽƒe gã aɖe le algorithmic asitsatsa ƒe mɔ̃ siwo li fifia ŋu. Womeŋlɔ wo ɖe javascript me o Eye le nyagbɔgblɔ sia megbe la, siplusists kple pythonists katã:\nJavaScript nye egbegbe dɔwɔɖoɖowo ƒe gbegbɔgblɔ si wozãna na amewo katã. Menye nyatakakadzraɖoƒewo koe eƒe dɔwɔnua zãna o. Wowɔe kple ŋku be woatsɔe awɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/articles.opexflow.com\/ee\/category\/programming","date":"2023-12-08T07:04:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100724.48\/warc\/CC-MAIN-20231208045320-20231208075320-00798.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993601441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993601441383362}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.199,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŊLɔ NA FILEMON\nKpɔkplɔyiɖeme:\nFilemon nye bubume kple hotsuitɔ aɖe si to Paulo dzi va zu\nkristotɔ. Filemon ƒe kluvi aɖe si ŋkɔe nye Onesimo la si le\nFilemon gbɔ yi Roma. Edo go Paulo le gaxɔ me le Roma eye\nwòzu kristotɔ. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia de Onesimo si be woatsɔe\nayi na Filemon ale be Filemon nagbugbɔ Onesimo axɔ abe eƒe\nkluvi ene, atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee eye woadze sii be ye nɔvie\nwònye le Kristo me.\nEmenyawo 1. Gbedoname kple akpedada, 1-7\n2. Kukuɖeɖe ɖe Onesimo ta, 8-20\n3. Gbedoname kple yayranyawo, 21-25\n1 Agbalẽ sia tso Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ,\nna Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla 2 kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo,\nmía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kpakple hame si kpea ta le aƒewòme.\n3 Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la\nwoana mi.\nAkpedada kple gbedodoɖa\n4 Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣesiaɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò 5\nelabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kpakple amekɔkɔeawo\nkatã ŋu.\n6 Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu\nnyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo. 7 Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple\ndziɖeƒo gã aɖem elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de amekɔkɔeawo ƒe dziwo me.\nPaulo ɖe kuku ɖe Onisimo ta\n8 Eya ta, togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si\ndze be nàwɔ hã la, 9 medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo,\namegã xoxo aɖe kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ 10 mele kuku ɖem na wò ɖe\nvinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii. 11 Tsã la\nŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.\n12 Mele etrɔm ɖo ɖe wò eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖa wò kplii.\n13 Medi vevie be mana woanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le\nnyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã ato esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi. 14 Ke nyemedi\nbe mawɔ nenema ne melɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nanyo dɔme nam to dzizizi me o,\nke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye. 15 ɖewohῖ, anyo be nabu nya sia ŋu ale:\nOnesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, woazu tɔwo tegbee. 16\nOnesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ saa wu eye woanye nɔvi\nlɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla ko\no, ke boŋ anye nɔviwò le Kristo me hã.\n17 Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si\ntututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò. 18 Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò\nnane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye. 19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo,\nmeɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu\nle fe si nenyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be, wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le\nasinye! 20 Ẽ, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nado dzidzɔ nam ekema\nnye dzi gbɔdzɔ la akafu Aƒetɔ la.\n21 Meŋlɔ agbalẽ sia na wò elabena meka ɖe edzi be awɔ nam wu ale si mebia\ngɔ̃ hã!\n22 Meɖe kuku be nadi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be\nMawu ase miaƒe gbedodoɖa eye woana mava mia gbɔ kpuie.\nGbedonamewo kple nyuidinamewo\n23 Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒaɖeɖe Kristo Yesu ta la, do gbe na mi. 24\nMarko, Aristarko, ɖema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi. 25 Míaƒe\nAƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/togochretien.com\/ewe-philemon\/","date":"2023-12-01T07:10:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100276.12\/warc\/CC-MAIN-20231201053039-20231201083039-00716.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983172417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983172416687012}","num_words":657,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 15, 2003 Gbɔgbɔmegɔmeɖosewo—Afikae Wole Wo Dam Ðo? Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Gbɔgbɔmegɔmeɖose Vavãwo Le? Ɣeyiɣi si Me Gbeƒãɖeɖe Vivina Ŋutɔ Sɔhɛ Siwo Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi Sɔhɛwo—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O! Boas Kple Rut ƒe Srɔ̃ɖeɖe si Dze abe Esi Madze Edzi O Ene Èɖo Ŋku Wo Dzia? Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme Na Ame Tsɛwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030415\/","date":"2023-11-30T10:02:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100184.3\/warc\/CC-MAIN-20231130094531-20231130124531-00278.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981623292,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981623291969299}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"14 Tiro-fia Hiram+ ɖo amewo kple sedertiwo kple gliɖolawo kpakple atikpalawo ɖe David, be woatu xɔ* nɛ.+ 2 Eye David dze sii be Yehowa ɖo ye fia heli ke yeƒe fiaɖuƒe ɖe Israel dzi,+ elabena wodo eƒe fianyenye la ɖe dzi le eƒe dukɔ Israel ta.+ 3 David gaɖe srɔ̃+ geɖewo le Yerusalem, eye wògadzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi geɖewo.+ 4 Vi siwo wodzi nɛ le Yerusalem+ la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan,+ Salomo,+ 5 Yibhar, Elisua, Elpelet, 6 Noga, Nefeg, Yafia, 7 Elisama, Beeliada kple Elifelet. 8 Esi Filistitɔwo se be wosi ami na David wòzu fia ɖe Israel blibo la dzi+ la, Filistitɔwo katã ho va David di ge.+ Esi David see la, eya hã ho ɖe wo ŋu. 9 Filistitɔwo va dze Refaim Bali la me+ nɔlawo dzi. 10 Eye David bia gbe Mawu be: \"Maho ɖe Filistitɔwo ŋua? Àtsɔ wo ade asi nama?\" Yehowa ɖo eŋu nɛ be: \"Ho yi, eye matsɔ wo ade asi na wò godoo.\"+ 11 Ale David ho yi Baal-Perazim+ hesi wo le afi ma. Eye David gblɔ be: \"Mawu vavã la dze nye futɔwo to nye asi dzi, abe ale si tɔsisi ŋɔa goe ene.\" Esia tae wona ŋkɔ teƒe ma be Baal-Perazim.* 12 Filistitɔwo gblẽ woƒe mawuwo ɖe afi ma. Eye David ɖe gbe wotɔ dzo wo.+ 13 Emegbe Filistitɔwo gava dze wo dzi le bali la me.+ 14 Eye David gabia gbe Mawu, gake Mawu vavã la gblɔ nɛ be: \"Mègakpe wo tẽe o. Ke boŋ trɔ to wo megbe nàva dze wo dzi le bakatiawo* ŋgɔ.+ 15 Ne èse afɔzi le bakatiawo tame la, ekema nàho ɖe wo ŋu, elabena ɣemaɣi la, Mawu vavã la dze ŋgɔwò xoxo yina Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la si ge.\"+ 16 Eya ta David wɔ abe ale si tututu Mawu vavã la de se nɛ ene,+ eye wosi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso Gibeon va se ɖe Gezer.+ 17 Eye David ƒe ŋkɔ de dzi le anyigbawo katã dzi, eye Yehowa de vɔvɔ̃ eŋu na dukɔwo katã.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"fiasã.\"\n^ Egɔmee nye, \"Goŋɔla Bibi.\"\n^ Hebrigbee ŋkɔ \"baka\" nye. Womenya ati si wònye o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-kronika\/14\/","date":"2023-11-29T11:27:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100081.47\/warc\/CC-MAIN-20231129105306-20231129135306-00686.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994435906,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994435906410217}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ xexe si me gɔmesese siwo nuwuwu meli na o le eye nàke ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo seɖoƒe meli na o ŋu na wò nyatakakadzraɖoƒea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ to míaƒe dɔwɔnu sẽŋuwo kple nunya dzi.\nWɔ wò mɔ si dzi nàto aɖu AdSense ƒe aʋadziɖuɖu ƒe nɔnɔmetata kple míaƒe AdSense ƒe mɔɖeɖe dzikpɔla dɔwɔnu sẽŋu. Mɔ si dzi woato akpɔ ga la dzi zɔzɔ menɔ bɔbɔe alea gbegbe kpɔ o. Ke ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu egbea.\nNa wò mɔzɔzɔ yi AdSense ƒe mɔɖeɖe dzi nanɔ bɔbɔe to míaƒe dɔwɔnu si wowɔ wòle bɔbɔe dzi. Wò mɔ si dzi nàto akpɔ ga la wɔ agbagbadzedze aɖeke manɔmee, si ʋu wò nyatakakadzraɖoƒea ƒe ŋutete bliboa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/adsense.weddo.info\/ee","date":"2024-02-28T16:32:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474737.17\/warc\/CC-MAIN-20240228143955-20240228173955-00641.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990272522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990272521972656}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?\nLe xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me kura gɔ̃ hã la, Mawu, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ si tso Biblia me ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah's Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 2 lia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060301\/%C3%80di-Be-Ame-A%C9%96e-Nasr%C3%A3-Ye-Kp%C9%94a\/","date":"2024-02-27T14:45:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474676.26\/warc\/CC-MAIN-20240227121318-20240227151318-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995619655,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995619654655457}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ghana News Agency ka nya ta be Aƒetɔ Gershon Kofi Dorvlo, si nye Champions Susu Enterprise ƒe Dɔdzikpɔlagã (CEO) le Akatsi le Volta Nutome tsɔ hehenana nu aɖewo na Agorve RC Basic sukua.\nNuawo dometɔ aɖewoe nye agbalẽwo, nuŋlɔtiwo, pɛnsilwo, kple nufiafia kple nusɔsrɔ̃nu bubuwo.\nAƒetɔ Dorvlo, le nuƒo kpui aɖe me, ɖe eme be egakpɔtɔ le gadzikpɔƒea ƒe ɖoɖowo ƒe akpa veviwo me be woado alɔ hehenana nyuitɔ le Akatsi South kple egodo.\nAƒetɔ Dorvlo, amesi hã tsɔ kɔmpiuta aɖe na sukua le ƒe si va yi me la do ŋugbe be yeayi edzi ado alɔ sukudede ƒe dɔwɔƒea.\nEtsɔ aŋɔ amadede aɖewo hã ɖo ŋkume be woazã na sukua ƒe sukuxɔwo.\nAƒenɔ Martha Ayivor, si nye sukua ƒe Tatɔ si xɔ nuawo ɖe sukua teƒe la ɖe akpedada fia na nunalaawo.\nEgaɖe kuku na ƒuƒoƒo bubuwo kple ame ɖekaɖekawo be woakpe ɖe sukua ŋu be etsɔme nyui aɖe nasu ɖevi siwo le suku dem la si.\nMenye zi gbãtɔe nye esia dɔwɔƒea le kpekpem ɖe ame siwo hiã tu ŋu o. Ŋkeke ʋee aɖewoe nye esi va yi la, Champions Susu Enterprise, do kpekpeɖeŋunana vidada aɖe si si aƒe mele o le Nugblebi.\nAƒenɔ Ruby Agbedze, si xɔ ƒe 23, si nye asitsala aɖe eye wònye vi etɔ̃ dada, si le Nugblebi, si nye agbledelawo ƒe nuto aɖe si te ɖe Torve ŋu le Akatsi South Municipality me la bu eƒe nunɔamesiwo katã esi dzo bi eƒe xɔ wòzu afi.\nDzɔtsoƒe: Ghana News Agency","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/afenyamedia.com\/champions-susu-enterprise-w%C9%94-nunana-na-agorve-g%C9%94medzesukua\/","date":"2024-02-22T04:05:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473690.28\/warc\/CC-MAIN-20240222030017-20240222060017-00599.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993603826,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993603825569153}","num_words":245,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"22 \"Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ekema wòatsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi la teƒe, kple alẽ ene aɖo alẽ la teƒe.+ 2 (Ne fiafitɔ+ aɖe dze kpɔ va fifi ge le ame aɖe ƒe me eye wòlée heƒoe wòku la, amea meɖi ʋufɔ o. 3 Ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema amea ɖi ʋufɔ.) \"Ele na fiafitɔ la be wòaɖo eteƒe. Ne naneke mele esi o la, ekema woadzrae ɖe nu siwo wòfi la teƒe. 4 Ne wokpɔ lã si wòfi la le esi agbagbee la, eɖanye nyi, tedzi, alo alẽ o, ele be wòaɖo eteƒe zi gbɔ zi eve. 5 \"Ne ame aɖe kplɔ eƒe lãwo yi gbeɖuƒe le agble me alo waingble me, eye wòɖe asi le wo ŋu wogblẽ nu le ame bubu ƒe agble me la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo alo eƒe waingblemenuku nyuitɔwo aɖo eteƒe. 6 \"Ne dzo dze gbe, eye wòlé aŋɔkawo, eye nuku bablawo alo esiwo le bo dzi fiã, alo agble bliboa fiã la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naɖo nu si fiã la teƒe. 7 \"Ne ame aɖe tsɔ ga alo eƒe nanewo na ehavi be wòadzra ɖo na ye, eye wofii le amea ƒe me la, ne wolé fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve.+ 8 Ne womelé fiafitɔa o la, ekema woakplɔ aƒea tɔ ava Mawu vavã la ŋkume,+ ne woakpɔe ɖa be, eya ŋutɔe ɖo asi ehavi ƒe nuawo dzi hã. 9 Ne nya ku ɖe nyi, tedzi, alẽ, awu, alo nane si bu ŋu, eye ame ɖeka gblɔ le eŋu be, 'Tɔnyee!' la, woatsɔ wo ame evea ƒe nya la ava Mawu vavã la ŋkume.+ Eye ame si Mawu abu fɔe la aɖo eteƒe na ehavi zi eve.+ 10 \"Ne ame aɖe tsɔ tedzi alo nyi alo alẽ alo aƒemelã bubu aɖe na ehavi be wòakpɔ edzi, eye wòku alo nane wɔe, alo woda adzoe, eye ame bubu aɖeke mekpɔ eteƒe o la, 11 ekema wòaka atam na nɔvia le Yehowa ŋkume be yemeɖo asi ye havi ƒe nu la dzi o; eye nua tɔ nalɔ̃ ɖe edzi nɛ. Amea maɖo eteƒe o.+ 12 Gake ne ɖe wofi lãa le egbɔ la, ekema wòaɖo eteƒe na nua tɔ. 13 Ne lã wɔadã aɖee vuvui la, ekema wòatsɔ eƒe kukua vɛ wòanye kpeɖodzi. Maɖo nu si lã wɔadã aɖe vuvu la teƒe o. 14 \"Gake ne ame aɖe ɣe lã le ehavi si, eye nane wɔe alo wòku evɔ ame si tɔ lãa nye la mele eteƒe o la, ekema ame si ɣe lã la naɖo eteƒe. 15 Ne nua tɔ le eteƒe la, ekema maɖo eteƒe o. Ne ɖe wòhayae la, ho si wòhayae lae nye teƒeɖoɖoa. 16 \"Azɔ ne ŋutsu aɖe ble ɖetugbui leaƒe, si ame aɖeke medo ŋugbe na o nu hedɔ kplii la, ele be wòana tabianu ɖe eta wòazu srɔ̃a.+ 17 Ne fofoa gbe gbidigbidi be yematsɔe anae wòaɖe o gɔ̃ hã la, ele be ŋutsua naxe fe si asɔ ɖe tabianu la nu. 18 \"Mègana nyɔnu dzotɔ aɖeke nanɔ agbe o.+ 19 \"Ame sia ame si dɔ lã aɖe gbɔ la, ele be woawui godoo.+ 20 \"Ame si sa vɔ na mawu bubu aɖe, eye menye na Yehowa ɖeɖe ko o la, ele be woatsrɔ̃e.+ 21 \"Mègasẽ ŋuta le amedzro ŋu alo atee ɖe anyi o,+ elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.+ 22 \"Migawɔ fu ahosi alo tsyɔ̃evi*+ aɖeke o. 23 Ne èwɔ fui, eye wòdo ɣli nam la, mase eƒe ɣlidodo la godoo;+ 24 nye dziku afla, eye mawu mi kple yi, mia srɔ̃wo azu ahosiwo, eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo. 25 \"Ne èdo ga na nye dukɔ la me tɔ dahe aɖe si le gbɔwò la, mègawɔ nu abe gasitsala ene o. Mègabia deme tso esi o.+ 26 \"Ne èxɔ hawòvi ƒe avɔ abe awɔbanu+ ene la, gbugbɔe yi nɛ le ɣeɖoto. 27 Elabena eya koe nye avɔ si le esi wòatsyɔ; eye nu ka tsyɔ ge wòala amlɔ anyi?+ Ne edo ɣli nam la, masee, elabena amenuvelae menye.+ 28 \"Mègado ɖiŋu na Mawu,+ alo aƒo fi ade wò dukɔ la ƒe dumegã* aɖeke o.+ 29 \"Mègahe ɖe megbe le wò agblemenuku, siwo do agbogbo, kple nu siwo gbagba ɖe wò nukufiãƒewo*+ la nana me o. Eye nàtsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsu nam.+ 30 Ale nàwɔ wò nyi kple wò alẽe nye esi:+ Ŋkeke adre wòanɔ dadaa gbɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, nàtsɔe anam.+ 31 \"Ame kɔkɔewo mianye nam,+ eye migaɖu gbemelã aɖeke si lã wɔadã aɖe vuvu la o.+ Mitsɔe ƒu gbe na avuwo.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"vi tɔmanɔsitɔ.\"\n^ Alo, \"dziɖula.\"\n^ Efia, woƒe wainfiãƒewo kple amifiãƒewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-mose\/22\/","date":"2024-02-25T18:46:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474641.34\/warc\/CC-MAIN-20240225171204-20240225201204-00583.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987689257,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987689256668091}","num_words":743,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ Me\nAfi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? \"Le blema Hela xexemenunyalagãwo katã dome la, Plato ye do dzo mavɔ ŋuti nufiafia la ɖe ŋgɔ wu.\"—Histoire des enfers (Hell Ƒe Ŋutinya La), si Georges Minois ŋlɔ, axa 50.\n\"Tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe domedome la, Kristotɔ siwo xɔ hehe le Helatɔwo ƒe xexemenunya me la va kpɔe be ehiã be yewoazã nu siwo yewosrɔ̃ atsɔ aɖe yewoƒe xɔse mee . . . Xexemenunya si sɔ na wo wue nye Plato ƒe nufiafia.\"—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 25, axa 890.\n\"Sɔlemeha la ƒe nufiafia ɖo kpe dzo mavɔ kple eƒe anyinɔnɔ tegbee dzi. Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea 'dzo mavɔ' ƒe fu le. Dzo mavɔ ƒe tohehea koŋ ye nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ tegbee.\"—Catechism of the Catholic Church, 1994 tɔa, axa 270.\nNu kae Biblia fia? 'Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe [Sheol], afi si yi ge nala o.'—Nyagblɔla 9:5, 10.\nWoɖe Hebrigbe me nya Sheol si nye \"nɔnɔme si me ame kukuwo le\" la gɔme le Biblia aɖewo me be \"dzo mavɔ.\" Nu kae mawunyakpukpui sia ɖe fia tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu? Ðe wole fu kpem le Sheol, le nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta? Ao, elabena \"kukuawo menya naneke o.\" Esia tae esime dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nɔ fu wɔm blemafofo Hiob vevie la, eɖe kuku na Mawu be: \"Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe [Sheol, le Hebrigbe me].\" (Hiob 14:13) Gɔmesese kae anɔ eƒe nya siawo ŋu ne dzo mavɔe Sheol nye? Le Biblia ƒe nya nu la, Sheol ye nye tsiẽƒe, alo yɔdo, si nye afi si kukuawo megawɔa naneke le o.\nÐe susu mele Sheol gɔme ɖeɖe alea me, eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo wu oa? Nu vɔ̃ ka gbegbee ame awɔ, aleke kee wòɖavloe o, si ana lɔlɔ̃ Mawu la nanɔ fu wɔmee tegbetegbe le dzo mavɔ me? (1 Yohanes 4:8) Gake ne nyakpakpae dzo mavɔ nye la, ke dziƒoyiyi ŋuti nufiafia ya ɖe?\nNYATEƑE LAE NYE:\nMawu mewɔa fu amewo le dzo mavɔ me o\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]\nBarrators—Giampolo\/The Doré Illustrations For Dante's Divine Comedy\/Dover Publications Inc.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091101\/Nyakpakpa-2-Ame-V%C9%94%CC%83%C9%96iwo-Kpea-Fu-Le-Dzo-Mav%C9%94-Me\/","date":"2024-02-25T21:58:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474643.29\/warc\/CC-MAIN-20240225203035-20240225233035-00699.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973573685,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973573684692383}","num_words":381,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DIANA * nye ɖetugbui si ƒe tagbɔ kɔ, edoa vivi ɖe ame ŋu eye wòwɔa xɔlɔ̃. Togbɔ be nɔnɔme lédziname siawo le Diana si hã la, seselelãme ɖefuname aɖe ɖe kpe nɛ si nana wòsena le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Ɣeaɖewoɣi la, seselelãme sia ɖea fu nɛ ŋkekewo, kwasiɖawo kple ɣletiwo. Egblɔ be: \"Ku dzroam gbe sia gbe. Mexɔe se be xexea me anya nɔ na amewo wu ne meku.\"\n\"Numekukuwo ɖee fia be ne ame ɖeka wu eɖokui la, ke ame 200 aɖewo ya tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokuiwo eye ame 400 hã bu eŋu.\"\nDiana gblɔ be yemawu ye ɖokui gbeɖe ya o. Gake ɣeaɖewoɣi la, menyaa nu si koŋ tae wòagayi edzi anɔ agbe ɖo o. Egblɔ be: \"Medina vevie be afɔku aɖe nadzɔ ɖe dzinye maku. Ku va zu nye velia, ke menye nye futɔ o.\"\nAme geɖe sena le wo ɖokuiwo me abe Diana ene, eye wo dometɔ aɖewo hã susui alo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Ke hã, numekulawo gblɔ be le ame siwo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui ƒe akpa gãtɔ gome la, menye ɖe wodi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa o. Ðeko wodi be yewoatsi yewoƒe fukpekpewo nu. Kpuie ko la, wokpɔe be susu aɖe le yewo si si ta wòle be yewoawu yewo ɖokui ɖo. Eya ta nu si hiã koe nye be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be susu aɖewo li siwo tae wòle be woayi edzi anɔ agbe.\nNu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ agbe ɖo? Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae la ɖa.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201404\/nu-ka-tae-magan%C9%94-agbe-%C9%96o\/","date":"2024-02-23T23:45:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474470.37\/warc\/CC-MAIN-20240223221041-20240224011041-00347.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981384873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981384873390198}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le egbe ƒe mɔɖaŋu kple ŋkuʋuʋu sia me la ame ateŋu awɔ dɔ alo asrɔ nu le afi sia afi wòle la bɔbɔe eye ɖe intanet ta.\nNublanuitɔe la me le duviwo kple kɔƒedu geɖewo me alea haɖe o; kaƒodɔwɔƒewo ƒe ŋuse mede blibo alo seŋu le teƒe aɖewo abe Tsibu-Awudome la ene o.\nTsibu-Awudometɔwo le Ho-West nutome la meteaŋu wɔa intanet ŋudɔ le wo ƒe aƒewo me o, negbe ɖe wodo ɖe ablɔ dzi hafi.\nNɔnɔme sia ta ne ɣe ɖo to ko la ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo do na ɖe teƒe si woɖe ŋkɔ na 'network zone' hafi ageɖe kame le intanet dzi kple xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo le gbedzi la.\nTogbɔ be duamenɔlawo akpa gãtɔ nye agbledelawo koŋ hã la, asitɛlɛfon le wo katã kloe si. Ke kaƒoƒo kple intanet enye nusi ɖea fu na wo vevie elabe, kaƒodɔwɔƒe aɖeke ƒe ŋuse meli ke tututu ɖe afisia o.\nGɔmedzesuku, asisrɔ̃suku, agbalẽxleƒe kple dɔyɔƒesue le Tsibu du sia me. Le egbe ƒe mɔɖaŋu nyawo me la, dɔwɔƒewo, sukuwo, lamese dɔwɔƒewo kple bubuawo keŋ hĩa intanet hena zɔɖeɖe gake Tsibu mate ŋu aƒo adegbe le intanet ƒe kelili ŋuti o.\nAssemblymenɔla na Tsibu-Dafor-Bethel ametia nuto Selorm Danso gblɔ na nutis.org be \"hafi nakpɔ internet nyuie la, elebe natɔ ɖe Bethel junction, alo bus stop alo EP gbedoxɔ gbɔ.'\nEgblɔ be MTN dɔwɔƒea le agbagba dzem be woatsɔ Mast avae be kuxi sia nu natso. Ke eƒo koko be dutɔwo kple wo ƒe ametsitsiwo bena woawɔ nuteƒe be mast la natu kaba.\nNyadzɔdzɔ dɔwɔlae menye eye intanet manɔmee la nye mate ŋu awɔ dɔ le nye aƒeme le Tsibu o eye nutis.org kple social media wo akpe fu, negbe meyi teƒe etɔ̃ siwo wona ŋkɔe be 'network zone' la dometɔ ɖeka. Metee kpɔ gake mede dzi nye o.\n'Fi ke xe woakpɔ network woasẽ koŋ enye bus stop' dumevi aɖe gblɔ na nutis.org.\nHansbehks, Lukhaid Oba, Aroma4Christ wonye hadzilawo tso du sia me. Dɔwɔlagãgã geɖewo hã tso du sia me eye adzro mi be mianɔ aƒe vam kabakaba anɔ mɔkeke ɖum edziedzi gake nɔnɔme sia made mia ƒe dɔwo dzi o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/nutis.org\/intanet-menyo-tututu-le-tsibu-awudome-o\/","date":"2024-02-24T03:14:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474482.98\/warc\/CC-MAIN-20240224012912-20240224042912-00438.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989562631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989562630653381}","num_words":350,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia ŋutɔ gblɔ nu vevi siwo akpe ɖe mía ŋu míase egɔme la dometɔ geɖe na mí. Afi ka tɔe nèɖanye alo afi ka nèɖade suku se ɖe o, Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me la, \"menye nya masegɔmea wònye o, eye mele didiƒe tso gbɔwò o.\"—5 Mose 30:11.\nNu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàse biblia gɔme\nSusu nyui nènɔ asiwò. Xɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya. Bɔbɔ ɖokuiwò, elabena Mawu tsia tsitre ɖe ɖokuidoɖedzilawo ŋu. (1 Tesalonikatɔwo 2:13; Yakobo 4:6) Ke hã ne èxlẽe la ehiã be nàbu tame tso nu si nèxlẽ la ŋu, elabena Mawu di be nàzã wò \"tamebubu ŋutete.\"—Romatɔwo 12:1, 2.\nNɔ nu srɔ̃m edziedzi. Biblia-sɔsrɔ̃ edziedzi aɖe vi geɖe na wò wu be nànɔ anyi ʋuu adae ɖe eme zi ɖeka.—Yosua 1:8.\nNɔ nyatiwo srɔ̃m. Ne èsrɔ̃a nyati siwo ɖe Biblia me nufiafia aɖewo koŋ gɔme alo dzro wo me la, akpe ɖe ŋuwò geɖe ŋutɔ nànya Biblia me nufiafiawo nyuie. Dze egɔme kple \"gɔmedzenufiafiawo\" emegbe nàyi edzi kple nufiafia siwo bia \"tsitsinyenye.\" (Hebritɔwo 6:1, 2) Àva kpɔe be yeate ŋu atsɔ mawunyakpukpuiwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo eye esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be Biblia ƒe akpa vovovowo ɖe wo nɔewo me, woɖe esiwo \"gɔme sese sesẽ\" gɔ̃ hã me.—2 Petro 3:16.\nBia kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ. Biblia de dzi ƒo na mí be míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso ame siwo se Biblia gɔme la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31) Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo faa gamaxɔmaxɔe. Abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔnɛ ene la, wozãa Biblia me nyawo ŋutɔ tsɔ kpena ɖe amewo ŋu wokpɔa nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia dzea sii.—Dɔwɔwɔwo 17:2, 3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/se-biblia-g%C9%94me\/","date":"2024-02-23T18:18:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474440.42\/warc\/CC-MAIN-20240223153350-20240223183350-00623.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988513589,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988513588905334}","num_words":269,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzɔdzɔmenuwo Adoglo Kple Akpɔkplɔ Adoglo kple akpɔkplɔ ƒe gli sia nye nuxlɔ̃ame be mianɔ ŋudzɔ le agbe me. Kpɔe Ɖa Yiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi Yiyi kple Ɖetsyɔ̃evi ƒe gli sia nye nuxlɔ̃ame gã aɖe tso ŋukeklẽ ŋuti. Kpɔe Ɖa Akpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo Akpɔkplɔ aɖe si akpaviã eve aɖewo kɔ le yame yina teƒe bubu. Kpɔe Ɖa Gbɔ̃tsu Sue La Esi gbɔ̃tsu sue sia be yeakpɔe biɖobiɖo la ɖe wòva tsi atsyã me, eya ta nɔ ŋudzɔ. Kpɔe Ɖa Dadi Kple Afiwo Ŋutinya nyui sia nye dzideƒo na amegbetɔ be maganɔ ɖi ɖom ame bubuwo o Kpɔe Ɖa Logoti Kple Aɖa Logoti kple aɖa ƒe hakpanya sia nye nufiame vevi aɖe na amegbetɔwo be míatsri dada. Kpɔe Ɖa Anyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra Anyigbaʋuʋu le Akra si nye Ghana ƒe fiadu la me eye wòna be vɔvɔ̃ ɖo ame geɖewo ŋutɔ. Kpɔe Ɖa EƲEAWO ƑE LÃƉEMƆNUWO Lãɖeɖe nye asinudɔ kple modzakaɖeɖe vevi aɖe le Eʋeawo de. Kpɔe Ɖa AGBLEDELA KPLE VIA ETƆ̃AWO Dɔwɔwɔ nye nu vevi aɖe ŋutɔ le amegbetɔ ƒe agbe me, eya ta mele míanye kuviatɔwo o Kpɔe Ɖa GLITOTO LE EƲE ME Glitoto nye nu vevi aɖe ŋutɔ le Eʋeawo de eye wonye nufiafia blibo Kpɔe Ɖa Klo Kple Ha Klo kple ha siwo nye xɔlɔ̃ na ga va ma wo dome Kpɔe Ɖa Anyidi Kple Bɔtri Esia nye nuxlɔ̃ame na amegbetɔ be wòado vevie nu awɔ dɔ Kpɔe Ɖa Amegãxi Kple Alẽvi Koklovi ƒe nya medzɔna le aʋakowo de o, nenema kee ŋusẽnɔsitɔwo ƒe nya koe dzɔna le agbe sia me. Kpɔe Ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/dz%C9%94dz%C9%94menuwo\/","date":"2024-03-05T15:02:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00757.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984635115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99846351146698}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 Yehowa gblɔ na Mose be: 2 \"Dɔ ŋutsuwo ɖa ne woayi aɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba si metsɔ le Israel-viwo na ge la dzi. Dɔ ŋutsu ɖeka tso woƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye wo katã nanye tatɔwo.\"+ 3 Ale Mose dɔ wo ɖa tso Paran gbedzi,+ abe ale si Yehowa de see ene. Ŋutsuawo katã nye Israel-viwo ƒe tatɔwo. 4 Woƒe ŋkɔwoe nye esi: Samua, Zakur vi, tso Ruben-to la me; 5 Safat, Hori vi, tso Simeon-to la me; 6 Kaleb,+ Yefune vi, tso Yuda-to la me; 7 Yigal, Yosef vi, tso Isakar-to la me; 8 Hosea,+ Nun vi, tso Efrayim-to la me; 9 Palti, Rafu vi, tso Benyamin-to la me; 10 Gadiel, Sodi vi, tso Zebulon-to la me; 11 Gadi, Susi vi ye tso Yosef-to+ la me na Manase-to+ la; 12 Amiel, Gemali vi, tso Dan-to la me; 13 Setur, Mikael vi, tso Aser-to la me; 14 Nahbi, Wofsi vi, tso Naftali-to la me; 15 Geuel, Maki vi, tso Gad-to la me. 16 Ame siwo Mose dɔ ɖa be woayi aɖatsa ŋku le anyigba la dzi la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo. Eye Mose tsɔ ŋkɔ na Hosea, Nun vi be Yosua.*+ 17 Esi Mose dɔ wo be woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigbaa dzi la, egblɔ na wo be: \"Mitso afi sia miayi Negeb* kple tonuto la me.+ 18 Milé ŋku ɖe ale si anyigba la le ŋu,+ ne miakpɔe ɖa be ame siwo le edzi la nye ame sesẽwo loo alo ame beliwo, be wosɔ gbɔ loo alo womesɔ gbɔ o hã, 19 eye miakpɔe ɖa be anyigba la nyo loo alo menyo o, be agbadɔwo me ameawo le loo alo du sesẽwo mee wole hã. 20 Azɔ hã, mikpɔe ɖa be anyigba la wɔa nu loo alo mewɔa nu o,+ be atiwo le edzi loo alo womeli o. Milé dzi ɖe ƒo,+ ne miatsɔ anyigba la dzi kutsetse aɖewo avɛ.\" Ɣemaɣie waintsetse gbãtɔwo tea ɖiɖi.+ 21 Eya ta woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin+ gbedzi yi Rehob,+ si gogo Lebo-Hamat.*+ 22 Esi woyi Negeb la, wova Hebron,+ afi si Ahiman, Sesai kple Talmai+ vi siwo dzɔ tso Anak+ me la le. Wotso Hebron dua ƒe adre megbe hafi wova tso Zoan si le Egipte. 23 Esi wova ɖo Eskol Bali+ la me la, wotso waintsetse kpo ɖeka le afi ma, eye ame evee ƒo ati ɖe eme hafi te ŋu tsɔe ɖe abɔta; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã.+ 24 Woyɔ teƒe ma be Eskol Bali,+ le wainkpo si Israel-viwo tso le afi ma la ta. 25 Wotrɔ gbɔ le ŋkeke blaene+ megbe esi wotsa ŋku le anyigba la dzi vɔ. 26 Wotrɔ va Mose kple Aron kpakple Israel ƒe ha blibo la gbɔ le Paran gbedzi, le Kades.+ Eye wotsɔ dɔgbedenyawo vɛ na wo kple ha blibo la katã hetsɔ anyigba la dzi kutsetsewo fia wo. 27 Eye wogblɔ na Mose be: \"Míede anyigba si dzi nèdɔ mí ɖo la dzi, eye notsi kple anyitsi le sisim le+ edzi vavã, eye edzi kutsetsewo hãe nye esi.+ 28 Gake nya lae nye be, anyigba la dzi tɔwo nye ame sesẽwo, eye woƒe duawo sesẽ helolo ŋutɔ. Míekpɔ ame siwo dzɔ tso Anak me hã le afi ma.+ 29 Amalektɔwo+ le Negeb-nyigba+ dzi, Hititɔwo kple Yebusitɔwo+ kpakple Amoritɔwo+ le tonuto la me, eye Kanaantɔwo+ le atsiaƒu la nu+ kple Yordan ƒe go ŋu.\" 30 Eye Kaleb dze agbagba be yeatsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume hegblɔ be: \"Mina míayi enumake, ne míaxɔe wòazu mía tɔ, elabena míate ŋu axɔe godoo.\"+ 31 Ke ŋutsu siwo yi kplii la gblɔ be: \"Míate ŋu aho ɖe dukɔ la ŋu o, elabena wosesẽ wu mí.\"+ 32 Eye woyi edzi nɔ dziɖeleameƒonyawo+ gblɔm na Israel-viwo tso anyigba si dzi woyi ɖatsa ŋku le la ŋu be: \"Anyigba si dzi míede ɖatsa ŋku le la nye anyigba si le edzinɔlawo mim; eye ame siwo katã míekpɔ le afi ma la dzɔ atsu ale gbegbe.+ 33 Míekpɔ Nefilim, siwo nye Anak viwo,+ ame siwo dzɔ tso Nefilimwo me la hã le afi ma, ale be ɖeko míekpɔ mía ɖokuiwo abe ʋetsuviwo ene, eye nenemae woawo hã wokpɔ míi.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Yehosua,\" si gɔmee nye \"Yehowa Nye Xɔname.\"\n^ Alo, \"Anyiehe.\"\n^ Alo, \"Hamat ƒe dodonu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/4-mose\/13\/","date":"2024-04-18T01:32:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817184.35\/warc\/CC-MAIN-20240417235906-20240418025906-00843.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997109175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997109174728394}","num_words":670,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.307,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"9 Esi Seba-fianyɔnu+ se Salomo ŋkɔ la, eva Yerusalem be yeadoe kpɔ kple biabia* sesẽwo. Eva kple eŋume geɖewo kple kposɔ siwo tsɔ balsam-mi kple sika+ gbogbo aɖe kpakple kpe xɔasiwo; eva Salomo gbɔ hegblɔ nya siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.+ 2 Salomo ɖo eƒe nyawo katã ŋu nɛ. Nya aɖeke meli si me Salomo mete ŋu ɖe nɛ o. 3 Esi Seba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunya+ kple xɔ si wòtu,+ 4 nuɖuɖu si le eƒe kplɔ̃ dzi,+ eŋumewo ƒe anyinɔnɔ, ale si eƒe kplɔ̃ŋusubɔlawo subɔnae kple woƒe awuwo, eƒe ahakulawo kple woƒe awuwo kple eƒe numevɔ siwo wòsana edziedzi le Yehowa ƒe aƒe+ la me la, gbɔgblɔ bu ɖee. 5 Eye wògblɔ na fia la be: \"Nya siwo mese le nye anyigba dzi le nu siwo nèwɔ* kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. 6 Gake nyemexɔ wo dzi se o, va se ɖe esime nye ŋutɔ meva kpɔe kple nye ŋkuwo.+ Ke kpɔ ɖa, womegblɔ wò nunya gã la ƒe afã gɔ̃ hã nam o!+ ȃo nya si mese le ŋuwò la ta sãsãsã.+ 7 Dzidzɔtɔwoe nye wò amewo, eye dzidzɔtɔwoe nye wò subɔvi siwo le tsitre ɖe ŋkuwòme ɖaa hesea wò nunya! 8 Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si ŋu wò nu nyo, eye wòtsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa wò Mawu. Elabena esi wò Mawu lɔ̃ Israel,+ eye wòdi be yeana wòanɔ anyi tegbee tae wòɖo wò fiae be nàdrɔ̃ ʋɔnu ahatso afia le dzɔdzɔenyenye me.\" 9 Eye wòtsɔ sika+ talento* alafa ɖeka blaeve, balsam-mi gbogbo aɖe ŋutɔ kple kpe xɔasiwo na fia la. Womegatsɔ balsam-mi ma, si Seba-fianyɔnua na Fia Salomo la, tɔgbi vɛ kpɔ o.+ 10 Azɔ Hiram ƒe subɔviwo kple Salomo ƒe subɔvi siwo tsɔ sika tso Ofir+ vɛ la, tsɔ papawutiwo kple kpe xɔasiwo hã vɛ.+ 11 Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ atrakpuiawo ɖe Yehowa ƒe xɔ+ kple fia ƒe xɔ*+ la ŋu, eye wòtsɔ wo wɔ saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo.+ Eye womekpɔ wo tɔgbi le Yuda-nyigba dzi kpɔ o. 12 Fia Salomo hã tsɔ nu sia nu si Seba-fianyɔnu la di kple nu siwo katã wòbiae la nɛ, wòsɔ gbɔ wu nu siwo wòtsɔ vɛ na fia la.* Eye eya kple eŋumewo gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi.+ 13 Sika si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe kpekpeme le talento alafa ade blaade vɔ ade,+ 14 ke esiwo asitsala gãwo kple nudzralawo tsɔ vanɛ, kple sika kpakple klosalo si Arabiatɔwo ƒe fiawo katã kple nutodziɖula siwo le anyigba la dzi hena vanɛ na Salomo ya mele eme o.+ 15 Fia Salomo tsɔ sika si wotsɔ ga bubu tsakae+ la wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (sika si wotsɔ ga bubu tsakae sekel* alafa ade ye wòtsɔ wɔ akpoxɔnu gã ɖe sia ɖe)+ 16 eye wòtsɔ sika si wotsɔ ga bubu tsakae la wɔ akpoxɔnu sue alafa etɔ̃ (sika mina* etɔ̃ ye wòtsɔ wɔ akpoxɔnu sue ɖe sia ɖe). Eye fia la tsɔ wo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ+ la me. 17 Azɔ hã, fia la tsɔ nyiɖu wɔ fiazikpui gã aɖe, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe eŋu.+ 18 Atrakpui ade le fiazikpui la ŋu, eye wotsɔ sika wɔ afɔɖodzinu ɖe fiazikpui la ŋu, abɔɖoƒe le zikpui la ƒe axa eveawo dzi, eye wowɔ dzata+ eve ɖe abɔɖoƒeawo xa. 19 Dzata+ wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo dzi, ɖeka le atrakpui ɖe sia ɖe ƒe axa si kple axa kemɛ. Womewɔ esia tɔgbi le fiaɖuƒe bubu aɖeke me kpɔ o. 20 Sikae wotsɔ wɔ Fia Salomo ƒe kpluwo katã, eye sika nyuitɔe wotsɔ wɔ agba siwo katã le Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Klosalonu aɖeke menɔ anyi o, elabena le Salomo ƒe ŋkekeawo me la, womebu klosalo ɖe naneke me o.+ 21 Elabena fia la ƒe tɔdziʋuwo yia Tarsis+ kpe ɖe Hiram+ ƒe subɔviwo ŋu. Tarsis tɔdziʋuwo tsɔa sika, klosalo, nyiɖu,+ kesewo kple atsrimawo vanɛ zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me. 22 Ale Fia Salomo ƒe kesinɔnuwo kple nunya ƒo anyigbadzifia bubuwo katã tɔ ta.+ 23 Eye anyigbadzifiawo katã yia Salomo gbɔ* be yewoase eƒe nunya si Mawu vavã la de dzi me nɛ la.+ 24 Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa eƒe nunana siwo nye klosalonuwo, sikanuwo, awuwo,+ aʋawɔnuwo, balsam-mi, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe. 25 Salomo wɔ sɔkpo akpe ene na eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, eye sɔ*+ akpe wuieve nɔ esi; eda wo ɖe tasiaɖamduwo me le teƒe si gogo fia la le Yerusalem.+ 26 Eye wòɖu fia ɖe fiawo katã dzi tso Tɔsisi* la nu va se ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba kple Egipte ƒe liƒo dzi.+ 27 Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe kpe ene, eye wòna sederti sɔ gbɔ taŋtaŋ abe gboti siwo le Sefela+ ene. 28 Eye wokplɔa sɔwo tso Egipte+ kple anyigba bubuwo katã dzi vanɛ na Salomo. 29 Ke Salomo+ ŋutinya susɔeawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Natan+ ƒe ŋutinyawo kple Ahiya,+ Silotɔ ƒe nyagblɔɖi kple ŋutegakpɔla Ido+ ƒe ŋutega siwo ku ɖe Yeroboam,+ Nebat vi ŋu la ƒe nuŋlɔɖi me. 30 Salomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel blibo la dzi ƒe blaene. 31 Eye wotsɔ Salomo mlɔ tɔgbuiawo gbɔ. Woɖii ɖe fofoa David Ƒe Du la me;+ eye via Rehabeam zu fia ɖe eteƒe.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"adzo.\"\n^ Alo, \"wò nyawo.\"\n^ Alo, \"fiasã.\"\n^ Agate ŋu afia, \"hekpe ɖe nunana siwo ƒe home sɔ kple esiwo wòtsɔ vɛ na fia la ŋu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dia Salomo ƒe ŋkume be yewoakpɔ.\"\n^ Alo, \"sɔdolawo.\"\n^ Efia, Frat-tɔsisi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/9\/","date":"2024-04-16T02:50:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817036.4\/warc\/CC-MAIN-20240416000407-20240416030407-00343.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993040562,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993040561676025}","num_words":880,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ceramic-tiwo ŋu\nGblɔ tile kple tsileƒe ƒe didime siwo hiã\nE\n- Tile ƒe kekeme.\nF\n- Tile ƒe kɔkɔme.\nA\n- Tsileƒe ƒe didime.\nB\n- Xɔa ƒe kekeme.\nY\n- Gli ƒe kɔkɔme.\nÀte ŋu aɖe teƒe siwo womawu enu kple anyikpewo o la ɖa le gli ƒe akpaa dzi.\nEsia ate ŋu anye tsileƒea ƒe ʋɔtru, gli si le tsileƒea megbe, alo teƒe si le tsileƒea ŋutɔ megbe.\nWogblɔ teƒe siawo ɖe vovo na gli ɖesiaɖe.\nEsia awɔe be ɖoɖowɔɖia abu akɔnta le anyigbadzobonuwo alo anyikpewo ƒe lolome kple agbɔsɔsɔme si woatsɔ awɔe ŋu.\nWoɖea emetsonua fiana na gli ɖesiaɖe ɖe vovo eye woɖea wo katã fiana na tsileƒe bliboa.\nƑunukpeƒewo katã ƒe didime be woabu alesi gbegbe grout le emee.\nZikpuiwo ƒe didime siwo womeɖo atsyɔ̃ na o.\nSkirting boards ƒe didime, ne wobu teƒe siwo womewu enu o.\ngli si ƒo xlãe.\nTsileƒe ƒe gliɖoɖo ƒe ɖoɖo\nLe nɔnɔmetata la me la, wowɔa nutsyɔnu ƒe ɖoɖo si gogo le akɔntabubua me, ɖe vovo na gli ɖesiaɖe.\nWotsɔ ɖoɖoa na be woatsɔ akpɔ tilewo ɖoɖo kple wo lãɖeɖe ƒe ŋkume.\nEsia akpe ɖe ŋuwò nànya mɔnu si dzi woato aɖoe, gbeɖuɖɔ agbɔsɔsɔme.\nNe woɖe anyikpewo ƒe asi kple ga si woatsɔ aɖo woe fia la, ɖoɖowɔɖia abu ga si woatsɔ adzra tsileƒea ɖo la ƒe akɔnta.\nTaflatse de dzesii be anyo wu be nàƒle tile kple vovototo sue aɖe.\nVevietɔ ne wò ŋutɔe wɔ lining la.\nNusiwo wowɔ le hatsotso vovovowo me ate ŋu ato vovo vie le amadede kple nɔnɔme me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/ceramic_tiles\/","date":"2024-04-14T05:01:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816864.66\/warc\/CC-MAIN-20240414033458-20240414063458-00825.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995722175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999572217464447}","num_words":253,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu\nYesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si enye ame vevietɔwu na Kristotɔwo katã le xexeame godo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Wotsɔ Yesu ŋkɔa tso Helagbe me Ίησους (Iēsous). Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye \"amesi wosi ami ɖe ta na\".\nYesu Kristo nye Mawu ŋusekatatò ƒevi. Èɖi tsò dzipò vanɔ amegbetòwò dome. Ènɔ agnigba dzi wo ƒe bla etɔ vɔtɔ. Ema yomela, eku eye wòɖii. Le ŋkeke etɔ megbe la, efɔ tso amekukuwo dome. Etro yi dziƒo bɔbɔ non anyi ɖe efofo ƒe ɖusi me. Àtrova àdronʋɔnu amegbetowo kata ne fofa ƒe game su.\nNe ameade xo edzi se be Yesu Kristo yenye Mawu ƒe vi la, amema áxɔ agbemavɔ eye ne wogaku eye wòɖii hãla, ne Yesu Kristo trɔva kola, amema ánɔ agbemavɔ le Mawu kple Yèsu gbɔ. Nùsi wolèbè amegbetò nanya ye nye be Yesu Kristo ɖeka yegne mɔla, nyaateƒela kple agbela.\nNusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuiegbalẽ eneawo, si wo le Nubabla yeyea me me. Ame geɖe siwo nyaa nu le Biblia la ŋuti, xɔ edzi se bena Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia la. Wo ga xɔe se hã bena eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wo hee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilaté te. Nusrɔla ʋea ɖewo hã gblɔna bena Yesu ɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.\nKristo subɔlawo ƒe xɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ daɖi le Nubabla xoxoa me, eye bena éfɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena dzetugbui ye dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ daɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔ edzi se bena Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wo gale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.\nMohameɖ subɔlawo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ o. Wo me xɔ edzi se bena wo he Yesu ɖe ati ŋu eye wo ku o. Wo lɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wo le mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple eƒe nuvɔ̃wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-10","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Yesu","date":"2014-03-10T10:58:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-10\/segments\/1394010749774\/warc\/CC-MAIN-20140305091229-00062-ip-10-183-142-35.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989211559,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989211559295654}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo Eʋe\nEʋeviwo, woakekeŋ wova tso Nɔtse. Nyitso didi, fia Agɔkɔli nɔ Nɔtse. Amewo kekeŋ, wonɔ Nɔtse le xɔme. Amewo dibe woadzo, gake fia gbe. Gbesiagbe, nyɔnuwo klɔ agbawo kple wonya awuwo. Etsi ke kpɔtɔ, wo tsɔe ƒugbe le xɔŋti. Ekpɔtɔ vide, xɔ gbãŋ. Eʋeviwo tso. Woyi kpata kpata - Ghana, Togo, kple Benin. Ameadewo yi Atakpame kple amebubuawo yi Lome kple Anexɔ. Fifia, Eʋeviwo le sigbe 2.000.000 nene.\nEʋeawo katã wo dzɔ tso Nɔtse. Woƒe fia si nɔ dziɖum la ŋkoe nye Tɔgbe Agɔkɔli. Wotɔ gli-kpɔ ga aɖe ƒoxla Nɔtse du blibo la kata. Alesi fia la nye ŋutasela ta la, dumeviawo kata ɖoe kplikpa be ye woasi adzo le fia la gbɔ. Le esiata la, wo ɖoe na nyɔnuwo be woa nɔ tsi ƒom ɖe gli-kpɔ la ŋu ɣesiaɣi si woanyanu alo aklɔ agbame. Esia yi edzi vaseɖe esime gli-kpɔ la gba eye Eʋeawo to gli-kpɔ gbagba la me si le fia vɔɖi Tɔgbe Agɔkɔli gbɔ yi ɖe Ghana, Benin kple Togo ƒe teƒe bubuwo. Le fifia me la, Eʋeawo anɔ abe ame 2,000,000 ene,","id":"","dump":"CC-MAIN-2014-10","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Amewo_E%CA%8Be","date":"2014-03-11T13:27:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2014-10\/segments\/1394011202213\/warc\/CC-MAIN-20140305092002-00086-ip-10-183-142-35.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967629313,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":16,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967629313468933}","num_words":174,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MediaWiki:Acct creation throttle hit\/ee\nFrom translatewiki.net\nWiki sia zãla aɖe tso wò IP address ŋlɔ $1 ŋkɔwo le ŋkeke si vayi me xoxo. Mɔɖeɖe le na ŋkɔ ɖeka ko ŋɔŋlɔ le ŋkeke ɖeka me.\nLe esiata la, IP address sia zãlawo mekpɔ mɔ aŋlɔ ŋkɔ bubuwo fifia o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-09","url":"https:\/\/translatewiki.net\/wiki\/MediaWiki:Acct_creation_throttle_hit\/ee","date":"2017-02-27T02:57:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-09\/segments\/1487501172404.62\/warc\/CC-MAIN-20170219104612-00162-ip-10-171-10-108.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9899969697,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9899969696998596, \"ajg_Latn_score\": 0.010022067464888096}","num_words":47,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.986,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lododo\nTso Wikipedia\nLododo alo Lododowo (Eŋlisigbeme Proverbs ) nye nya siwo miegblɔna kuɖe agbe aɖe si ame ɖe nɔ la ŋu. Enu enu la, nya siawo nyea nuxɔxlɔ̃ na amewo eye wodea sesẽ lãme na nunyuiwɔlawo.\nLododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]\nLododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye:\n- Vi gbã abɔbɔgo me gbã klo go o.\n- Ɖevi ka aplẽ gã mekaa nya gã o.\n- Nunya adidoe asi me tu ne o.\n- Kokloxɔ vuvu mekpe na ŋu na koklo o.\n- Ne edidi ʋu hã etsɔ ko woyɔne.\n- Ha be ŋdi tsie nye nyia.\n- Agbenɔxevi megbea fu megbea fuma to o.\n- Gbɔ̃ tokpo ye xlɔŋu via.\n- Ahlɔ̃e medoa nyi fɔkpa o.\n- Ha be mele lolo me o, tsivivi mee wole.\n- Koklo metsɔa ƒu dome vea avu o.\n- Koklo be kɔ gbɔe agbe le.\n- Mɔdidi megbea du nu yi na o.\n- Gbɔ̃sikɛ menɔa gbɔ̃ ŋgɔ o.\n- Haho metsɔa tɔ o.\n- Ta menɔanyi klo dɔa kuku o.\n- Gli matsɔ amegbɔ wome dea mee o.\n- Wome da kalami ɖe dadi gbɔ o.\n- Dzigbɔdi wo tsɔ xɔa nu le fia si.\n- Avu ɖu ƒu me dua ga o.\n- Sabala le nogo gake mɔ le eme.\n- Alegeli be ekpo ɖe megbetɔwo dzi.\n- Vivi mevɔ na le agɔ kuŋu hafi wotsɔne ƒua gbe o.\n- Dadi be nusi avu kpɔ hafi do ɣli, ye yekpɔna mia ŋku ɖedzi.\n- Melege melegea ɖewo tsia ɖi ame.\n- Dzea ʋa ɖia, aʋa mesi nɛ o.\n- Makpɔƒle metsia asime o.\n- Ta ɖeka meɖea aɖaŋu o.\n- Dumenyo mesɔa aƒe o.\n- Avulélae xɔa kɔ.\n- Ame eve metsia bome o.\n- Nunyui wɔla ƒe ta me tsia bame o.\n- Klo be wó be ye neva kpɔ yegbe, ye na be ye ƒe ta tsi gome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-13","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Lododo","date":"2017-03-27T08:31:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-13\/segments\/1490218189466.30\/warc\/CC-MAIN-20170322212949-00382-ip-10-233-31-227.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999203682,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":11,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999203681945801}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.131,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1Yesu Kristo si nye Fia David tɔgbuiyɔvi, eye David hã nye Abraham ƒe dzidzimevi la, ƒe dzidzimexexlẽfiae nye esi: 2Abraham dzi Isak, eye Isak dzi Yakob si dzi Yuda kple nɔviawo. 3Yuda kple srɔ̃a Tamar dzi Perez kple Zerax, eye Perez dzi Xezron. Xezron dzi Aram, 4eye eya dzi Aminadab; Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salmon. 5Salmon kple Raxab dzi Boaz, eye Boaz kple Rut dzi Obed. Obed dzi Isai, 6eye Isai dzi David, fia la. Tso Fia David dzi va se ɖe aboyomeyiyi le Babilonia dzi la dzidzime lae nye esi: David kple nyɔnu si nye Uriya srɔ̃ hafi la, wodzi Salomo. 7Salomo dzi Rexabeam, eye eya dzi Abiya. Abiya hã dzi Asa, 8eye Asa dzi Yosafat. Yosafat dzi Yoram, eye Yoram dzi Uziya. 9Uziya dzi Yotam, eye Yotam dzi Axaz. Axaz dzi Xizkiya 10eye Xizkiya dzi Manase. Manase dzi Amon si dzi Yosiya, 11eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo le Babilonia-boyomenɔɣi. 12Le aboyomenɔnɔ le Babilonia vɔ megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel. 13Zerubabel dzi Abihud, eye eya dzi Elyakim. Elyakim dzi Azur, eye 14Azur dzi Zadok, ame si dzi Axim. Axim dzi Elihud, eye 15eya hã dzi Eleazar. Eleazar dzi Matan, eye eya dzi Yakob. 16Yakob dzi Yosef. Eya srɔ̃e nye Maria si dzi Yesu si woyɔna be Kristo la. 17Ale tso Abraham dzi va se ɖe David dzi le dzidzime wuiene, eye tso David dzi va se ɖe esime woyi aboyo me le Babilonia la hã le dzidzime wuiene; nenemake tso kpɔkplɔ yi Babilonia ŋɔli va se ɖe Kristo la dzi hã le dzidzime wuiene. 18Ale Yesu Kristo ƒe dzidzi lee nye esi: Yosef bia Maria ta be yeaɖe. Ke do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea la, Maria fɔ fu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19Ale srɔ̃a Yosef si nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee o la ɖo ta me be yeaɖe asi le eŋu dzaa ko. 20Esime wòle nu sia ŋuti bum la, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ be: \"Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ o, elabe fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Ele ŋutsuvi dzi ge, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabe eyae aɖe eƒe dukɔa tso woƒe nu vɔ̃wo me.\" 22Nu siawo katã va me bene nya si Aƒetɔ la gblɔ to eƒe gbeƒãɖela la dzi la nava me. Gbedeasi siae nye: 23\"Kpɔ ɖa, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be Imanuel\" (si gɔmee nye Mawu li kpli mí). 24Ale esi Yosef nyɔ la, ewɔ nu si mawudɔla la gblɔ nɛ la dzi, eye wòɖe Maria, kplɔe va eɖokui gbɔe. 25Ke mede asi eŋu kpɔ o, va se ɖe esime wòdzi vi. Edzi ŋutsuvi, eye Yosef na ŋkɔe be Yesu.\nCopyright","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-22","url":"http:\/\/www.bible.is\/EWEBSG\/Matt\/1","date":"2017-05-28T07:28:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-22\/segments\/1495463609605.31\/warc\/CC-MAIN-20170528062748-20170528082748-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993497729,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993497729301453}","num_words":459,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.357,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be amegbetɔwo yi ŋgɔ le atikewɔnyawo me hã la, ɖeko dɔlélewo yi edzi ɖe kpe na ameƒomea. Ke hã, kpeɖodziwo ɖee fia be woate ŋu axe mɔ ɖe dɔléle siawo dometɔ geɖe nu hafi.\nXexea Me\nXexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be tso ƒe 2035 dzi la, ame miliɔn 24 ŋue woanɔ kansa kpɔm le ƒe sia ƒe. Esia nye ame miliɔn 14 kple edzivɔ siwo xɔa kansa ƒe sia ƒe fifia la ƒe dzidziɖedzi teƒe 70 le alafa me. Wogblɔ be ame gbogbo siwo axɔ dɔ sia ƒe afã ƒe dɔlélea atso woawo ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo abe aha tsu nono, kamemademade, lolo fũu akpa, keklẽ gblẽnuwo nu nɔnɔ kple sigaretinono ene gbɔ.\nBritain\nEsi Britain-dziɖuɖua se nyatakakawo ku ɖe nyi dzeaɖaʋa dɔ ƒomevi aɖe si léa amegbetɔwo ŋu vɔ la, ena wote numekuku be woakpɔe ɖa be ɖe woate ŋu axɔ dɔ sia to ʋudodo kple mɔ siawo tɔgbi dzi mahã. Andrew Miller si nye Sewɔƒemenɔla gblɔ be: \"Míetsi dzi vevie esi míese be dɔléle sia si womedana o gakpɔtɔ nye afɔku gã aɖe na dukɔmeviwo. Wona míenya be dɔ sia ate ŋu akaka ɖe dukɔa me to ʋudodo kple amegbetɔ ƒe ŋutinuwo ɖeɖe ade na ame bubu me.\"\nNorway\nEsi ƒe 11 ƒe numekuku aɖe si me wobia gbe Norwaytɔ 63,000 wu enu la, wova de dzesii be blanuiléledɔ ate ŋu ana be ale si dzi tsoa amewo wokuna kpata la nadzi ɖe edzi teƒe 40 le alafa me. Europatɔwo Ƒe Dzidɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Habɔbɔa gblɔ be numekulawo dometɔ ɖeka gblɔ be blanuiléle nana lãmetsi siwo nana be dzi tsoa ame kpata wòkuna la sina le lãme na ame eye wòwɔnɛ hã be amea metea ŋu wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo dzi wòle be wòawɔ ɖo ale be wòahaya la dzi o.\nUnited States\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu me kum tso nu siwo sigaretitakpoewo kple sigaretifiwo gblẽna le ame ŋu la ŋu. Esiawo nye sigaret siwo wono ƒe takpoe siwo woda ɖe nuwo dzi kple sigaretifiwo kpakple esiwo wotsi ɖe kewo me le xɔwo me, amedzrodzeƒewo kple ʋuwo me. Eye ne woli kɔ sigaretitakpoeawo kple afiawo ɖi la, wotea ŋu va zua aɖi gblẽnuwo le ƒe geɖewo megbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201502\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu-l%C3%A3mes%E1%BA%BD\/","date":"2017-12-16T17:05:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588294.67\/warc\/CC-MAIN-20171216162441-20171216184441-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984769225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984769225120544}","num_words":352,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míedzea agbagba be míana ale si míebua kunuwɔwɔe kple ale si míewɔnɛ siaa nawɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo, esiawo dometɔ aɖewoe nye:\nEsɔ be míaxa nu ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xa nu esi woƒe ame vevi aɖewo ku. (Yohanes 11:33-35, 38; Dɔwɔwɔwo 8:2; 9:39) Eya ta míebua kuteƒe be enye aglotuƒe o. (Nyagblɔla 3:1, 4; 7:1-4) Ke boŋ míebua kunuwɔwɔ be enye ɣeyiɣi si míase veve ɖe ame nu.—Romatɔwo 12:15.\nAme kukuwo meganya naneke o. Afi ka kee míeɖatso alo dekɔnu ka kee ɖale mía si o, míeƒoa asa na kɔnu kple nuwɔna siwo wotu ɖe dzixɔse si nye be kukuawo gale agbe eye be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi la dzi, elabe dzixɔse sia mewɔ ɖeka kple Biblia o. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Kɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye ŋudɔdɔ, kunuwɔwɔ kpeɖiwo, kuzãwo ɖuɖu, vɔsasa na ame kukuwo, nuƒoƒo na wo, gbebiabia wo, kple ahowɔwɔ. Míeƒoa asa na kɔnu siawo katã, elabe míedi be míawɔ ɖe Biblia ƒe sedede sia dzi be: \"Miɖe mia ɖokui ɖa, . . . eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.\"—2 Korintotɔwo 6:17.\nMɔkpɔkpɔ li na kukuawo. Biblia fia nu be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye be ɣeyiɣi aɖe ava esime ku maganɔ anyi o. (Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 21:4) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nuxaxa si gbɔ eme, abe ale si wòkpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu ene.—1 Tesalonikatɔwo 4:13.\nBiblia xlɔ̃ nu mí be míabɔbɔ mía ɖokui. (Lododowo 11:2) Mímexɔe se be kunuwɔwɔ nye mɔnukpɔkpɔ na ame be wòaɖe eƒe 'nunɔamesiwo afia adegbeƒoƒotɔe' alo be wòana amewo nanya be ameŋkutae yenye o. (1 Yohanes 2:16) Mímewɔa ɖoɖo ɖe kunuwɔwɔ kpeɖiwo ŋu be míatsɔ ado dzidzɔ na amewo loo alo aƒle aɖaka kple awu xɔasiwo be míatsɔ adze kua teƒe valawo ŋu o.\nMímezia dzixɔse siwo le mía si ku ɖe kunuwɔwɔ ŋu ɖe ame bubuwo dzi o. Le go sia me la, míewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖose sia dzi be: \"Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.\" (Romatɔwo 14:12) Gake ne mɔnukpɔkpɔ su mía si la, míedzea agbagba ɖea míaƒe dzixɔsewo me le \"tufafa kple bubu deto me.\"—1 Petro 3:15.\nAleke Ðasefowo ƒe kunuwɔwɔ nɔna?\nTeƒe si woawɔe le: Ƒome si dzi kua dzɔ ɖo ate ŋu atia teƒe si dze wo ŋu be woawɔ kua le, ate ŋu anye Fiaɖuƒe Akpata me, kuwɔƒe aɖe, aƒe aɖe me, afi si wotɔa dzo ame kuku le, alo ameɖibɔ me.\nWɔnaa: Woƒoa nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi tsɔ ɖea nu si Biblia gblɔ tso ku kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu tsɔ faa akɔ na ame siwo dzi kua dzɔ ɖo. (Yohanes 11:25; Romatɔwo 5:12; 2 Petro 3:13) Wɔnaa hea susu yia ame si ku la ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi, ɖewohĩ woaƒo nu tso nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso amea ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuia me ŋu.—2 Samuel 1:17-27.\nGakaka na ame kple gadzɔdzɔ: Mímexɔa ga alo kaa ga na míaƒe hametɔwo ɖe subɔsubɔwɔna aɖeke ta o, kunuwɔwɔ hã le eme, eye míedzɔa ga le amewo si le kuteƒe alo míaƒe kpekpe aɖeke me o.—Mateo 10:8.\nVavalawo: Ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã ate ŋu ade ku aɖe si wɔm wole le Fiaɖuƒe Akpata me la teƒe. Abe míaƒe kpekpe bubuawo ene la, ame sia ame ate ŋu ade kuteƒe siawo faa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/kunuw%C9%94w%C9%94\/","date":"2017-12-13T09:11:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522343.41\/warc\/CC-MAIN-20171213084839-20171213104839-00679.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973294139,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973294138908386}","num_words":526,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SENYAWO KPLE AMEGBETƆ ƑE GOMENƆAMESIWO\nDorothy Covington, Si Nye Dukɔmeviwo Ƒe Ablɔɖe Ta Ʋlila Hayden Covington Srɔ̃, Ku Le Eƒe Ƒe 92 Lia Xɔxɔ Me\nDorothy, si nye senyala ƒe kpeɖeŋutɔ, kpe ɖe Hayden Covington kple Victor Schmidt ŋu woʋli Yehowa Ðasefowo ta le dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe ƒe nyawo me tso ƒe 1940 va se ɖe ƒe 1950 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/united-states\/","date":"2017-12-17T10:31:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595342.71\/warc\/CC-MAIN-20171217093816-20171217115816-00715.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991933703,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991933703422546}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.393,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛme me ɣesiaɣi o, dziɖuɖu le aʋa me mele kalẽwɔwɔ me ɣesiaɣi o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunyanya me ɣesiaɣi o, kesinɔnukpɔkpɔ mele tagbɔ ɖaɖɛ me ɣesiaɣi o, eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\"\n\"To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti . . .\"\n\"Esia tae woɖe Mawu ƒe Vi la ɖe go ɖo, be wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.\"\n\"Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/amegbet%C9%94-fukpekpe\/","date":"2017-12-17T10:31:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595342.71\/warc\/CC-MAIN-20171217093816-20171217115816-00715.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9949495792,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9949495792388916}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"NYƆNU.\" Nenemae Yesu yɔ nyɔnuwo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esi wònɔ dɔ dam na dɔnɔ aɖe si xa gobaa ƒe 18 sɔŋ la, egblɔ be: \"Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.\" (Luka 13:10-13) Yesu zã nya ma esi wònɔ nu ƒom na eya ŋutɔ dadaa gɔ̃ hã. Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, wobua nya ma be enye bubudede ame ŋu. (Yoh. 19:26; 20:13) Gake nyagbe bubu aɖe li si de ŋgɔ wu bubudede ame ŋu ko.\nBiblia zãa nyagbe aɖe si ŋu dɔmetɔtrɔ kple ameŋububu ɖe dzesi le la ɣeaɖewoɣi ne ele nu ƒom tso nyɔnuwo ŋu. Yesu zãe esi wòƒo nu na nyɔnu aɖe si ʋusisidɔ ɖe fu na ƒe 12 sɔŋ. Le Mawu ƒe Sea nu la, mesɔ be wòate ɖe Yesu ŋu o, elabe Sea gblɔ be ne ame le nɔnɔme ma me la, eŋu mekɔ o. Eya ta ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ɖe wòle be nyɔnua naɖe eɖokui ɖe aga kura tso amewo gbɔ le eƒe nɔnɔmea ta hafi. (3 Mose 15:19-27) Gake nu te ɖe edzi vevie. Le nyateƒe me la, nyɔnua \"kpe fu le atikewɔla geɖewo si me, eye wògblẽ eƒe nunɔamesiwo katã, gake dɔa meka ɖe eme nɛ o, ke boŋ ɖeko wòganyra ɖe edzi.\"—Marko 5:25, 26.\nNyɔnua zɔ dzadzadza to ameha siwo nɔ Yesu yome la dome va ka asi eƒe awudziwuia toga. Enumake, ʋu si nɔ sisim le eŋu la nu tso! Nyɔnua susu be ame aɖeke made dzesi nu si yewɔ o, gake Yesu bia be: \"Ame kae ka asi ŋunye?\" (Luka 8:45-47) Nyɔnua nɔ vɔvɔ̃m henɔ dzodzom nyanyanya eye wòva dze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ \"nyateƒea katã nɛ.\"—Marko 5:33.\nEsi Yesu di be yeana nyɔnua ƒe dzi nadze eme ta la, egblɔ nɛ tufafatɔe be: \"Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme\"! (Mat. 9:22) Le Biblia ŋuti nunyalawo ƒe nya nu la, wotea ŋu zãa Hebri kple Helagbe me nya si nye \"vinyɔnu\" le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu tsɔ ɖea \"ameŋububu kple dɔmetɔtrɔ\" fiana. Yesu yi edzi de dzi ƒo nɛ esi wògblɔ nɛ be: \"Wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye nàhaya tso wò dɔléle vɔ̃ɖi la si me.\"—Marko 5:34.\n\"Vinyenyɔnu.\" Nenemae Boaz si nye Israel-vi kesinɔtɔ aɖe la yɔ Rut Moabitɔ la. Rut hã meka ɖe edzi nenye be woawɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o, elabena enɔ nuku fɔm le ame aɖe si menya o ƒe agble me. Ke hã Boaz gblɔ nɛ be, \"Vinyenyɔnu, ɖo tom.\" Eyome ede dzi ƒo na Rut be wòayi edzi anɔ nuku fɔm le yeƒe agblea me. Rut dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Boaz ŋkume hebiae nu si ta wòve ye nu alea evɔ wònye amedzroe yenye hafi. Boaz gagblɔ nya bubuwo tsɔ de dzi ƒo nɛ ale: \"Wogblɔ nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò [Naomi, ahosi la] . . . nam tsitotsito. Yehowa neɖo nu si nèwɔ teƒe na wò.\"—Rut 2:8-12.\nKpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yesu kple Boaz siaa ɖo ɖi na Kristotɔ hamemetsitsiwo! Edzɔna ɣeaɖewoɣi be hamemetsitsi eve nakpe kple nɔvinyɔnu aɖe si ŋu wòhiã be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo akpe ɖo ahade dzi ƒo na. Ne hamemetsitsiawo do gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia eye wolé to ɖe nɔvinyɔnua ƒe nyawo ŋu nyuie la, ekema woasu te azã Mawu ƒe Nyaa atsɔ ade dzi ƒo nɛ ahafa akɔ nɛ.—Rom. 15:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2016\/nya-w%C9%94-d%C9%94-ame-dzi-%C5%8But%C9%94\/","date":"2017-12-11T08:34:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512584.10\/warc\/CC-MAIN-20171211071340-20171211091340-00605.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981073737,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998107373714447}","num_words":526,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAWU FIAÐUƑE LA LE WO DOME\nALEKE NƆNƆMEA ANƆ NE YESU ÐE EÐOKUI FIA?\nYesu gakpɔtɔ le Samaria alo Galilea. Farisitɔwo va bia nyae ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava si woawo susu be ava le atsyɔ̃ɖoɖo gã kple aglotutu me la ŋu. Gake Yesu gblɔ be: \"Mawu Fiaɖuƒe la mava ame sia ame nakpɔ gaglãa o, eye amewo magblɔ be, 'Ele afii!' alo 'Afi mɛ!' o. Elabena kpɔ ɖa, Mawu Fiaɖuƒe la le mia dome.\"—Luka 17:20, 21.\nAme aɖewo asusu be Yesu le gbɔgblɔm be Fiaɖuƒea le dzi ɖum le Mawu subɔlawo ƒe dzi me. Gake menye nenemae o, elabena Fiaɖuƒea mele Farisitɔ mawo siwo Yesu nɔ nu ƒom na la ƒe dziwo me o. Ke hã Fiaɖuƒea le wo dome, elabena Yesu, ame si Mawu tia be wòanye Fia le Mawu Fiaɖuƒea me la le wo dome ɣemaɣi.—Mateo 21:5.\nAnye be esi Farisitɔwo dzo vɔe Yesu gblɔ nya bubuwo na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava ŋu. Exlɔ̃ nu wo gbã ku ɖe eƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋu be: \"Ŋkekewo li gbɔna, esime miadi be yewoakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo dometɔ ɖeka, gake miakpɔe o.\" (Luka 17:22) Yesu ƒe nya mawo nɔ eɖem fia be etsɔmee Amegbetɔvi la aɖu dzi le Fiaɖuƒe la me. Hafi ɣemaɣi naɖo la, nusrɔ̃la aɖewo anɔ mɔ kpɔm nɛ vevie, gake ahiã be woanɔ lalam va se ɖe esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi hena Amegbetɔvi la ƒe vava la de.\nYesu yi eƒe nyaa dzi be: \"Amewo agblɔ na mi be, 'Mikpɔ ɖa, ele afi mɛ!' alo 'Mikpɔ ɖa, ele afii!' Migado go o, eye migadze wo yome o. Elabena ale si ko dzi kea dzo eye wòklẽna tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yia dziƒo ƒe go bubu dzi la, nenema kee Amegbetɔvi la anɔ le eƒe ŋkeke la dzi.\" (Luka 17:23, 24) Nu kae ana be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ya makplɔ mesia alakpatɔwo ɖo o? Yesu gblɔ be Mesia vavã la ƒe vava anɔ abe ale si dzi kea dzo eye wòklẽna dea didiƒe wokpɔna la ene. Nu siwo aɖo kpe eƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me dzi la adze kɔtɛ na ame siwo katã léa ŋku ɖe nu ŋu.\nEmegbe Yesu tsɔ ale si nuwo dzɔe le blema la sɔ kple ale si amewo ƒe nɔnɔme ava nɔ le etsɔme esi wògblɔ be: \"Abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekeawo me ene la, nenema kee wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo me . . . Nenema kee wònɔ le Lot ƒe ŋkekeawo me: wonɔ nu ɖum, wonɔ nu nom, wonɔ nu ƒlem, wonɔ nu dzram, wonɔ nu ƒãm, wonɔ xɔ tum. Ke le ŋkeke si dzi Lot do go le Sodom la, dzo kple dzokpe dza tso dziƒo va tsrɔ̃ wo katã. Nenema kee wòanɔ le gbe si gbe Amegbetɔvi la aɖe eɖokui afia.\"—Luka 17:26-30.\nYesu mele gbɔgblɔm be esi Noa kple Lot ƒe ŋkekea me tɔwo ƒo wo ɖokui ɖe gbe sia gbe nuwɔnawo abe nuɖuɖu, nunono, nudzadzra, nuƒeƒle, nuƒaƒã, kple xɔtutu ene me tae wotsrɔ̃ ɖo o. Noa kple Lot kpakple woƒe ƒomeawo hã wɔ nu siawo dometɔ aɖewo godoo. Gake ame bubuawo ya ti nu siawo yome ale gbegbe be womegatsɔ ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o, eye woŋe aɖaba ƒu nu si gbɔna dzɔdzɔ ge le woƒe ŋkekea me la dzi. Eya ta Yesu nɔ dzi dem ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Enɔ nu si woawɔ be Mawu nakpɔ wo ta ale be woatsi agbe ne ehe tsɔtsrɔ̃ vɛ le etsɔme la fiam wo.\nEle be nusrɔ̃lawo nakpɔ nyuie be \"nu siwo le megbe,\" alo xexea me nu siwo ƒo xlã wo la nagahe woƒe susu o. Yesu gblɔ be: \"Le ŋkeke ma dzi la, ame si le xɔ ta, evɔ eƒe nuwo le xɔa me la, megaɖi va be yeatsɔ wo o, eye ame si le agble me la hã megatrɔ va nu siwo le megbe la gbɔ o. Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.\" (Luka 17:31, 32) Lot srɔ̃ trɔ zu dzekɔ.\nEsi Yesu nɔ ale si nuwo ava nɔ ne Amegbetɔvi la zu Fia le dzi ɖum me ɖem la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Le zã ma me la, ame eve amlɔ aba ɖeka dzi; woakplɔ ɖeka, ke woagblẽ evelia ya ɖi.\" (Luka 17:34) Esia fia be woaxɔ ame aɖewo ɖe agbe, ke woagblẽ ame bubuwo ya ɖi, si fia be woabu woƒe agbe.\nNusrɔ̃lawo biae be: \"Aƒetɔ, afi kae?\" Yesu ɖo eŋu be: \"Afi si nu kuku le la, afi mae hɔ̃wo hã ƒoa ƒu ɖo.\" (Luka 17:37) Ɛ̃, ame aɖewo awɔ nu abe hɔ̃ siwo kpɔa nu le didiƒe la ene. Nusrɔ̃la siawo aƒo ƒu ɖe Kristo vavã la, si nye Amegbetɔvi la ŋu. Ɣemaɣi la, Yesu ana nyateƒe si xɔa ame ɖe agbe la eƒe nusrɔ̃la siwo si xɔse le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94subud%C9%94-yordan-%C6%92e-%C9%A3edze%C6%92e\/wo%C9%96e-amegbet%C9%94vi-fia\/","date":"2017-12-13T06:17:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989751577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989751577377319}","num_words":787,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo si gɔme woɖe ɖe Pangasinangbe me heɖe ɖe go le ƒe 2012 me la le kpekpem ɖe sukuvi siwo doa gbe sia ŋu le Philippines. Agbalẽ sia sɔ nyuie ŋutɔ na nufiafia, elabe Philippines Sukudenyawo Dzi Kpɔƒe de se be woafia nu ɖeviwo le wo degbe me le gɔmedzesukuwo me.\nEsi wònye be gbe 100 kple edzivɔwoe wodona le Philippines ta la, ɣeyiɣi didi aɖee nye ema woʋlia nya le degbe si me woafia nu ɖeviawo le la ŋu. Le ƒe 2012 me la, Sukudenyawo Dzi Kpɔƒea gblɔ be \"eɖea vi wu ne wofia nu ɖeviwo le gbe si wodona le aƒe me la me.\" Esia wɔe be wova ɖo \"Nufiafia Le Degbe Vovovowo Me\" ƒe ɖoɖoa anyi.\nPangasinangbe nye gbe siwo wotia la dometɔ ɖeka. Gake kuxi aɖe li. Woka nya ta be sukutatɔ aɖe gblɔ be agbalẽ xexlẽ ʋɛ aɖewo koe sukuviawo ate ŋu akpɔ le Pangasinangbe me. Eya ta esi Yehowa Ðasefowo ɖe Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ɖe go le woƒe nutome gã takpekpe si wowɔ le gbegbɔgblɔ ma me le November 2012 me la, ɖeko wòsɔ ta.\nWota agbalẽ sia ƒe agbɔsɔsɔme si ade 10,000 be woama le takpekpewo me. Dzi dzɔ ɖeviawo kple wo dzilawo siaa esi woxɔ agbalẽ sia le wo degbe me. Atsu kple asi aɖe gblɔ be: \"Mía viwo lɔ̃a agbalẽ sia ƒe nya gbɔ, elabena wosea egɔme nyuie.\"\nLe takpekpea megbe teti la, Ðasefo ʋɛ aɖewo tsɔ Biblia Ŋutinyawo gbalẽa yi suku aɖe le Dagupan City. Dzi dzɔ nufiala siwo nɔ afi ma esi wokpɔ agbalẽ sia, elabe wonɔ Pangasinangbe me gbalẽ siwo woatsɔ afia nu sukuviawo la dim. Woma agbalẽ 340 kple edzivɔwo le sukua me. Nufialawo te agbalẽ sia zazã tsɔ le nuxexlẽ fiam ɖeviawo le wo degbe me enumake.\nEnye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be wole agbalẽ sia zãm tsɔ le nu fiam ɖeviwo le wo degbe me. Míaƒe gbegɔmeɖela aɖe si kpɔ gome le Biblia Ŋutinyawo gbalẽa gɔme ɖeɖe me la gblɔ be: \"Míekpɔ ale si wòle vevie be woaɖe agbalẽwo gɔme ɖe degbewo me be woaɖo amewo ƒe dzi gbɔ la dze sii tso gbe aɖe gbe ke. Esia tae Ðasefowo kua kutri ɖea Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖewo me ɖo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/nutoa-me\/pangasinangbe-me-biblia-%C5%8Butinyawo-gbal%E1%BA%BDa\/","date":"2017-12-14T01:49:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948532873.43\/warc\/CC-MAIN-20171214000736-20171214020736-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993517995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993517994880676}","num_words":370,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wogblɔe ɖi be amewo alé fu Yehowa kple Yesu\nWogblɔe ɖi be dukɔwo malɔ̃ ɖe Yesu ƒe dziɖuɖu dzi o, ke boŋ woawo ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu ŋue woatsi dzi ɖo\nNyagblɔɖi sia va eme esime Yesu nɔ anyigba dzi eye wògale eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea hã\nHakpala la gblɔ be dukɔwo le adaŋu dem dzodzro, si fia be woƒe tameɖoɖo nye dzodzro eye mava eme o\nAme siwo dea bubu ame si Yehowa si ami na wònye Fia ŋu la koe akpɔ agbe\nWoatsrɔ̃ ame siwo katã tsia tre ɖe Mesia Fia la ŋu\nAme siwo dea bubu Mawu ƒe Vi, Yesu ŋu la, anɔ dedie eye woakpɔ ŋutifafa","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may9-15\/%C5%8Butifafa-me-n%C9%94n%C9%94-kple-mawu\/","date":"2017-12-16T00:51:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948580416.55\/warc\/CC-MAIN-20171215231248-20171216013248-00609.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997016191,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997016191482544}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Petro Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Petro ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Petro Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Petro Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012424\/univ\/art\/502012424_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/petro\/","date":"2017-12-17T13:16:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595858.79\/warc\/CC-MAIN-20171217113308-20171217135308-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980874062,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980874061584473}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.14,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE SESELELÃME ɖefunamewo, abe blanuiléle, dzikudodo alo dzikuléleɖedɔme ene ɖe kpe na wòa? Ne nenemae la, ke ŋusẽ alo ɣeyiɣi boo manɔ asiwò be nàwɔ nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ o. Nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu? *\nBIBLIA ME KPƆÐEŊU: DAVID\nNU SI GREGORY WƆ\nAbe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, dzimaɖitsitsidɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na Gregory. Egblɔ be: \"Nye dzimaɖitsitsia gbɔ eme eye wògbɔ asi me hã.\" Aleke Gregory wɔ nɔ te ɖe eƒe dɔlélea nu? Egblɔ be: \"Be mada asɔ la, melɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu si srɔ̃nye kple xɔ̃nyewo nam dɔmenyotɔe. Meyi ɖakpɔ atikewɔlawo eye mesrɔ̃ nu geɖe hã tso nye dɔlélea ŋu. Esi metrɔ asi le nye agbemenuwɔna aɖewo ŋu vɔ la, meva kpɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye nɔnɔmea nu. Togbɔ be megatsia dzimaɖi vevie ɣeaɖewoɣi hã la, meva nya nu siwo gbɔ wòtsona, eye mete ŋu le asi trɔm le eŋu.\"\n\"Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.\"—Lododowo 17:22\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nNe seselelãme ɖefunamewo ɖe kpe na wò le agbe me la, te mɔnu siawo kpɔ:\nŊlɔ wò seselelãmewo ɖe agbalẽ me.\nGblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na wò ƒometɔ kplikplikpli alo xɔ̃wò vevi aɖe.\nDa wò seselelãmeawo kpɔ be wole eteƒe mahã. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be, 'Ðe kpeɖodziwo li be ale si mebua ɖokuinyee la le eteƒea?'\nNya Vevitɔ: Zi geɖe la, menye nɔnɔme siwo me tom míele gbɔe seselelãme ɖefunamewo tsona o, ke boŋ ale si míebua nɔnɔmeawo gbɔe wòtsona.\n^ mm. 3 Seselelãme ɖefuname aɖewo ate ŋu anye dɔléle siwo gbɔ wòahiã be atikewɔlawo nakpɔ. Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnuawo kpɔ nyuie hafi atso nya me.\n^ mm. 5 Psalmo siwo le Biblia me la dometɔ geɖe nye David ƒe gbedodoɖa siwo wòŋlɔ ɖi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201507\/seselel%C3%A3me-%C9%96efunamewo\/","date":"2017-12-12T18:46:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517845.16\/warc\/CC-MAIN-20171212173259-20171212193259-00421.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985899925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985899925231934}","num_words":305,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2014\nTata sia ɖo kpe edzi be Yehowa nye Fia ɣeawokatãɣi. Akpe ɖe mía ŋu be míagakpɔ ŋudzedze ɖe Mesia Fiaɖuƒea kple nu siwo wɔm wòle ŋu geɖe wu.\nNu kae ʋã Europatɔ aɖewo woʋu va Afrika, eye aleke nuwo va yii na wo?\nNe èsrɔ̃ nu tso mɔ si nu Yehowa nye mía Fofo le kple ale si wòɖua dzii ŋu la, ana nàte ɖe eyama ŋu geɖe wu.\nAleke Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu le vi ɖem na mí? Kpɔ ale si Yesu to Mesia Fiaɖuƒea dzi kɔ eteviwo ŋu, le hehe nam wo hele ɖoɖo nyuiwo wɔm na woe ɖa.\nSɔhɛ geɖewo le dzidzɔ geɖe kpɔm esi wole kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woase Biblia gɔme. Nu kae nàwɔ be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me?\nMɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe sua Kristotɔ tsitsiwo si be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?\nNu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be eteƒe madidi o, Fia si Mawu ɖo la ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe?\nŊutsuvi dzaa aɖe si tso Columbus, Ohio, U.S.A. ɖoe be yeasrɔ̃ Cambodiagbe. Nu ka tae? Aleke esia va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi emegbe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140115\/","date":"2017-12-12T05:08:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948515165.6\/warc\/CC-MAIN-20171212041010-20171212061010-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986873269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986873269081116}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER 3, 2012\nARMENIA\nSTRASBOURG le France\nLe ƒe 2005 me la, ɖekakpui 17 siwo nye Yehowa Ðasefowo nɔ dziɖuɖudɔ bubu aɖe wɔm ɖe asrafodɔ teƒe. Gake esi wova de dzesii be dɔ sia le asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòna yewoƒe dzitsinya le fu ɖem na yewo la, wodzudzɔ dɔa wɔwɔ. Esia na wolé wo hekplɔ wo yi ʋɔnui. Wozi wo dometɔ aɖewo dzi ɖe ga me ɣleti geɖe va se ɖe esime wowu nyaa dɔdrɔ̃ nu, eye mlɔeba la, wode wo dometɔ 11 mɔ́. Ame siawo dometɔ aɖewo anɔ mɔ́ me ƒe eve eye ɖewo anɔe ƒe etɔ̃.\nEuropa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be ale si wolé ame siawo hekplɔ wo yi ʋɔnu be wonye nu vlo wɔlawo hede wo mɔ́ la mele se nu o, elabena ɣemaɣi le ƒe 2005 me la, se aɖeke menɔ Armenia dziɖuɖua si si gblɔ be enye nu vlo wɔwɔ be ame nagbe be yemawɔ dziɖuɖudɔ bubu aɖe ɖe asrafodɔ teƒe o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be Armenia dziɖuɖua tu afɔkpo Yehowa Ðasefoawo ƒe ablɔɖe kple dedienɔnɔ si le ɖekawɔwɔ me kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo ƒe Se 5 lia. Togbɔ be Armenia dziɖuɖua te fli ɖe nu vlo wɔwɔ ƒe nya si wòtsɔ ɖe ame 17 ŋu me hã la, egbe be yemaxe fe aɖeke na wo ɖe fɔbubu wo be wonye nu vlo wɔlawo kple wo dede mɔ́ madzemadzee la ta o. Le ema yome me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso Armenia dziɖuɖua si be wòaxe fe na wo ɖe wo ŋu gbegblẽ kple ga si wogblẽ le senyawo me la na wo.\nWodrɔ̃ ʋɔnu sia le ʋɔnu etɔ̃ bubu siwo ku ɖe akpaɖekedzimademade ƒe nyawo ŋu si me Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòyi ɖe Armenia dziɖuɖua dzi la megbe. Le nyaa dɔdrɔ̃ eneawo katã me la, Armenia dziɖuɖumegãwo sẽ ŋuta le Yehowa Ðasefo siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ le dzitsinya ta o la ŋu hetu nu kpli wo abe nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwoe wonye ene.\nAndré Carbonneau, si nye ame siwo nu wotso la ƒe senyala gblɔ be: \"Ale si Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ nyae ɖee fia be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Dukɔ siwo katã le Europa Aɖaŋudehaa me kple dukɔwo abe Eritrea, South Korea kpakple Titina Asia dukɔwo asrɔ̃ nu tso ale si nyametsotsoawo va yi ɖe Armenia dziɖuɖua dzi le Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea ku ɖe gome si le Yehowa Ðasefowo si be woagbe asrafodɔ la me.\"\nMíaƒe Kadodowo:\nDavid Semonian, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nArmenia: Tigran Harutyunyan, tel. +374 93 900 482","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/armenia\/wobia-be-woaxe-fe-na-wo\/","date":"2017-12-11T12:24:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513478.11\/warc\/CC-MAIN-20171211105804-20171211125804-00679.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992536306,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992536306381226}","num_words":411,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nèwɔna ne vɔvɔ̃ ɖo wò?— Ðewohĩ eƒua du yia papa alo dada gbɔ be wòaxɔ na ye. Gake ame bubu aɖe hã li si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Esẽ ŋu wu ame sia ame. Ènya ame si wònyea?— Nyateƒee, eyae nye Yehowa Mawu. Na míasrɔ̃ nu tso ŋutsuvi aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu. Eŋkɔe nye David. Enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu ɣesiaɣi. Eya ta mevɔ̃na o.\nEsime David nye ɖevi la, edzilawo fiae be wòalɔ̃ Yehowa. Esia na be David mevɔ̃na na nu ɖivɔvɔ̃wo gɔ̃ hã o. Enyae be Yehowa nye ye Xɔlɔ̃ eya ta akpe ɖe ye ŋu. Gbe ɖeka esi David nɔ alẽwo dzi kpɔm la, dzata gã aɖe va lé alẽ ɖeka tsɔ dzo yina! Ènya nu si David wɔa? Eƒu du kplɔ dzata la ɖo eye wòwui! Anɔ eme be asi ƒuƒlue wòtsɔ wui. Eye esi sisiblisi aɖe hã lé alẽ ɖeka la, David wu eya hã! Ame kae nèsusu be eyae kpe ɖe David ŋu?— Nyateƒee, Yehowae.\nƔebubuɣi la, David ɖee fia be yemevɔ̃na kura o. Israel-viwo nɔ aʋa wɔm kple ame aɖewo siwo woyɔna be Filistitɔwo. Filistitɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka kɔkɔ ale gbegbe eye wòdzɔ tsu kako! Eŋkɔe nye Goliat. Ame dzɔtsu kako sia nɔ Israel-viwo ƒe aʋawɔlawo kple Yehowa kom. Goliat gblɔ na Israel-viwo be ne womele vɔvɔ̃m o ko la woneva wɔ aʋa kple ye. Gake Israel-viwo katã nɔ vɔvɔ̃m nɛ. Esi David see la, egblɔ na Goliat be: 'Mawɔ aʋa kpli wò! Yehowa akpe ɖe ŋunye maɖu dziwò!' Èsusui be David mevɔ̃na oa?— Nyateƒee, mevɔ̃na kura o. Ènya nu si gadzɔa?\nDavid tsɔ eƒe akafo kple kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃, eye wòyi be yeawɔ aʋa kple ame dzɔtsu la. Esi Goliat kpɔ be ɖevi koe David nye la, ekoe ŋutɔ. Gake David gblɔ nɛ be: 'Wò ya ètsɔ yi gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa ƒe ŋkɔ me!' Eye wòtsɔ kpe de eƒe akafo la me, ƒu du ɖo ta Goliat gbɔ eye wòdae. Kpea va dze Goliat ƒe ŋgonu tututu! Ŋutsu dzɔtsu la mu dze anyi gbloo eye wòku! Filistitɔwo vɔ̃ ale gbegbe be ɖeko wo katã wosi dzo. Nu kae na David ŋutsuvi dza sia te ŋu ɖu ame dzɔtsu ma dzi?— Yehowae kpe ɖe David ŋu elabena Yehowa sẽ ŋu boo wu ame dzɔtsu ma!\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe ŋutinya me?— Yehowa sẽ ŋu boo wu ame sia ame. Eye wònye xɔ̃wò. Eya ta ne vɔvɔ̃ di be yeaɖo wò la, ɖo ŋku edzi be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be mavɔ̃ o!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/david-mev%C9%94%CC%83na-o\/","date":"2017-12-13T20:07:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948530668.28\/warc\/CC-MAIN-20171213182224-20171213202224-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998095274,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980952739715576}","num_words":433,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 27 va se ɖe August 30, 2015 la le tata sia me.\nMenye ame siwo nɔ blema Israel koe Yesu ƒe nukunuwo ɖe vi na o, ke boŋ nukunuawo ɖe nu siwo wòawɔ na amegbetɔwo le etsɔme kpuie hã fia.\nNu kae nukunu siwo Yesu wɔ la ɖe fia ku ɖe ale si wòsena le eɖokui me le amewo ŋu la ŋu?\nBiblia la gblɔ nu 3 siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo la na mí.\nYehowa na nu ene aɖewo mí siwo akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo me.\nNu ka tae Yesu dze eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la gɔme be \"Mía Fofo\" ke menye \"Fofonye\" o?\nNe míebia Mawu be wòana abolo si asu mía nu gbe sia gbe mí la, menye ŋutilãmenuɖuɖu ko biam míele o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150615\/","date":"2017-12-12T16:56:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517350.12\/warc\/CC-MAIN-20171212153808-20171212173808-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978132844,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978132843971252}","num_words":142,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Yesu ƒe ku megbe ŋkeke etɔ̃agbe la, wofɔe ɖe tsitre. Eɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi atɔ̃ gbemagbe. Yesu yi edzi ɖe eɖokui fia wo hena ŋkeke 40. Emegbe esime eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo nɔ ekpɔm la, elia yi dziƒo. Le ŋkeke ewo megbe la, Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ lalam le Yerusalem la dzi.\nEmegbe la, Mawu ƒe futɔwo na wode apostoloawo gaxɔ me, gake mawudɔla aɖe ɖe wo. Tsitretsiɖeŋulawo ƒu kpe Stefano wòku. Gake míasrɔ̃ alesi Yesu tia tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ ɖeka wòva zu esubɔla tɔxɛ, amesi va nye apostolo Paulo la. Eye le Yesu ƒe ku megbe ƒe etɔ̃ kple afã la, Mawu dɔ apostolo Petro be wòaɖe gbeƒã na Kornelio si menye Yudatɔ o la kple eƒe aƒekɔ.\nAbe ƒe 13 ene megbe la, Paulo dze eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ gɔme. Timoteo kpe ɖe eŋuti le eƒe mɔzɔzɔ evelia me. Míasrɔ̃ alesi Paulo kple eƒe zɔhɛwo kpɔ dzidzɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ mee la. Mlɔeba la, wode Paulo gaxɔ me le Roma. Ƒe eve megbe la, woɖe asi le eŋu, gake wogadee gaxɔ me ake, eye emegbe wowui. Akpa ADRELIA ƒe nudzɔdzɔwo xɔ abe ƒe 32 ƒe ɣeyiɣi ene.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 102 LIA\nEsi mawudɔla aɖe mli kpea ɖa le Yesu ƒe yɔdoa nu la, asrafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm la ƒe nu ku le nu si wokpɔ le yɔdoa me ta.\nŊUTINYA 103 LIA\nEsi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo mekpɔe dze sii o?\nŊUTINYA 104 LIA\nHafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, ede se mamlɛtɔ na eƒe nusrɔ̃lawo.\nŊUTINYA 105 LIA\nNu ka tae Yesu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekosteŋkekea dzi?\nŊUTINYA 106 LIA\nYuda subɔsubɔhakplɔlawo lé apostoloawo de gaxɔ me kple susu be yewoatɔ te woƒe gbeƒãɖeɖedɔa, gake ema tsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu.\nŊUTINYA 107 LIA\nEsime wonɔ kpe ƒum Stefano be wòaku la, egblɔ nya wɔdɔɖeamedziwo le eƒe gbedodoɖa me.\nŊUTINYA 108 LIA\nKeklẽ aɖe si nu sẽ kple gbe aɖe si ɖi tso dziƒo na nuwo trɔ le Saul ƒe agbe me.\nŊUTINYA 109 LIA\nÐe Mawu bua ame ƒomevi aɖewo alo dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuwoa?\nŊUTINYA 110 LIA\nTimoteo dzo le eƒe ƒomea gbɔ hekpe ɖe Paulo ŋu le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ si me wokpɔ dzidzɔ le la me.\nŊUTINYA 111 LIA\nEutiko dɔ alɔ̃ esime Paulo nɔ eƒe nuƒo gbãtɔ ƒom, gake medɔ alɔ̃ esime wònɔ eƒe nuƒo evelia ya ƒom o. Le nuƒo gbãtɔ kple evelia dome la, nukunu ɖedzesi aɖe dzɔ.\nŊUTINYA 112 LIA\nEsi wòdze abe wɔna aɖeke megali o ene la, Paulo xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ si na mɔkpɔkpɔ su esi.\nŊUTINYA 113 LIA\nAleke apostolo Paulo ate ŋu awɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa esime wòle gaxɔ me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/","date":"2017-12-16T17:53:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588294.67\/warc\/CC-MAIN-20171216162441-20171216184441-00689.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984509349,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984509348869324}","num_words":453,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nudzadzrawo Mìeƒo ka le WhatSapp le kaƒomɔ dzesi siawo dzi +33 7 51 59 84 12 hebia nu siawo ƒe asi ta. Nyanuɖoɖowo Ɖe xoxoawo fia tutugbã̀ Ɖe yeyeawo fia tutugbã̀ Nɔ yome nɛ kple E-mail Nyanuɖoɖoa ɖeke meli o Tetrẽ̀woDo dzidzɔnatɔwo Ɖo hame hafi aŋlɔ̃̀ nuɖoɖo Ɖokuiɖeɖefia Ŋkɔ Mɔɖenyati Geɖe eme Dom dzesi emegbe Hameɖoɖo Ɖee èbu Mɔɖenyati la ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo\/260-nudzadzrawo","date":"2018-01-20T01:02:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888341.28\/warc\/CC-MAIN-20180120004001-20180120024001-00022.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968417287,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968417286872864}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Lɔlɔ̃ gã kae nye 'si\nYehowa ɖe fia mí!\nVia lɔlɔ̃a wòdɔ wòva ku ɖe mía ta.\nEzu amegbetɔ\nVa nɔ anyigba dzi.\nEƒ'agbenɔnɔ kɔ Ma'u ƒe ŋkɔ ŋu.\n2. Yehowa ƒe Nya la\nLée ɖe te gbe sia gbe.\nNunya vavãtɔ wòɖe fia ɣesiaɣi.\nFofoa ƒe lɔlɔ̃nu\nWòwɔ nu sia nu me.\nEɖo kpɔɖeŋu nyui na mí míasrɔ̃.\n3. Míasrɔ̃ Yesu Kristo.\nEƒe toƒe míato\nLe míaƒ'agbenɔnɔ kple nuwɔna me.\nMíakafu Yehowa,\nEƒe lɔlɔ̃ gã ta.\n'Kema míaƒe nu adze eŋu ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/13-kristo-m%C3%ADa%C6%92e-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Bu%C9%96ola\/","date":"2018-01-17T14:22:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00233.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995490551,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995490550994873}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\nNu ka tae Yehowa da asi ɖe aʋa siwo blema Israel dukɔa wɔ dzi?\nYehowa lɔ̃a ame. Gake ɣeaɖewoɣi ne amewo ɖo nugbe vɔ̃ɖi ɖe eƒe amewo ŋu hele wo tem ɖe anyi la, enana wowɔa aʋa be woakpɔ dukɔa ta. Mawu koe kpɔ mɔ agblɔ ɣeyiɣi si woawɔ aʋa kple ame siwo ayi.—w15 11\/1, axa 4-5.\nNu vevi kawoe dzilawo ate ŋu awɔ be woamla wo vi ƒewuiviwo be woasubɔ Yehowa?\nEle vevie be dzilawo nalɔ̃ wo viwo eye woaɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo. Ehiã hã be dzilawo nadze agbagba ase nu gɔme na wo vi ƒewuiviwo.—w15 11\/15, axa 10-12.\nNu ka tae míate ŋu agblɔ be menye Petro teƒenɔlae papa la nye o?\nNu kawo ŋue wòle be míabu hafi aƒo nu?\nAnukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna siwo wòle be Kristotɔwo natsri la dometɔ aɖewo ɖe?\nKristotɔ vavãwo tsria alakpadada kple ameŋugbegblẽ. Womegblɔa alakpanya siwo ƒoa ɖi amewo ƒe ŋkɔ o, womeflua amewo be woaxɔ woƒe nunɔamesi le wo si o, eye womefia fi o.—wp16.1, axa 5.\nAme kawoe nye \"nunɔlawo ƒe tatɔwo,\" siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me?\nEdze ƒãa be ame ŋkuta siwo le nunɔlawo domee woyɔna be \"nunɔlawo ƒe tatɔwo,\" eye nunɔlagã siwo si woxɔ dɔ le la hã le wo dome.—wp16.1, axa 10.\nAleke wòle be míawɔ nu ɖe nɔvi siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe ŋu?\nKristotɔwo medea bubu ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo ŋu fũu akpa o. Ame si nye amesiamina vavã madi be woado ye ɖe dzi o; eye madi be yeanɔ egblɔm na amewo be Mawu si ami na ye o. (Mat. 23:8-12)—w16.01, axa 21-22.\nAleke míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Abraham wɔ zu Mawu xɔlɔ̃ me?\nAbraham srɔ̃ nu tso Mawu ŋu, ɖewohĩ tso Sem gbɔ. Eye ale si Mawu kpɔ Abraham ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta na be nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi. Míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke.—w16.02, axa 4-6.\nAleke wòdzɔe be wova ma Biblia ɖe tawo kple kpukpuiwo me?\nStephen Langton, si nye nunɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 13 lia me, ye ma Biblia ɖe tawo me. Yudatɔ nugbugbɔŋlɔlawoe ma Hebrigbe me Biblia ɖe kpukpuiwo me gbã, eye le ƒe alafa 16 lia me la, agbalẽnyala Robert Estienne hã ma Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe kpukpuiwo me.—wp16.2, axa 14-15.\nEsime Satana te Yesu kpɔ la, ɖe wòkplɔe yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔa?\nMɔ kawo nue Kristotɔwo ƒe nufiafiadɔa ate ŋu anɔ abe zãmu ene le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2016\/%C3%A8%C9%96o-%C5%8Bku-wo-dzia\/","date":"2018-01-18T19:57:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887600.12\/warc\/CC-MAIN-20180118190921-20180118210921-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985474348,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985474348068237}","num_words":417,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SALOMO nye ƒewuivi esime wòzu fia. Elɔ̃ Yehowa, eye wòdzea aɖaŋu nyui, si fofoa Dawid ɖo nɛ la yome. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Salomo ŋu, eyata egblɔ nɛ le drɔ̃e me le zã aɖe me be: 'Salomo, nukae nèdi be mana ye?'\nTete Salomo ɖo ŋu be: 'Yehowa, nye Mawu, ɖevi ko menye, eye nyemenya alesi maɖu fiae o. Eyata nam nunya be matsɔ aɖu wò amewo dzie le mɔ dzɔdzɔe nu.'\nNusi Salomo bia la dze Yehowa ŋu. Eyata egblɔ be: 'Esi wònye mèbia agbe didi kple kesinɔnuwo o, ke boŋ nunya ta la, mana nunya wò wu amesiame, si nɔ anyi kpɔ. Gake mana nusi mèbia o la wò, kesinɔnuwo kple ŋutikɔkɔe siaa.'\nEteƒe medidi o la, nyɔnu eve tsɔ nya sesẽ aɖe va Salomo gbɔe. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: 'Mí kple nyɔnu sia míele xɔ ɖeka me. Medzi ŋutsuvi, eye ŋkeke eve megbe la, eya hã dzi ŋutsuvi. Gbeɖeka le zã me la, eƒe vidzĩe la ku. Ke esi mele alɔ̃ me la, ekɔ via kuku la mlɔ axanye hekɔ vinyea. Esi mefɔ hekpɔ ɖevi kukua la, mekpɔ be menye tɔnyee o.'\nTete nyɔnu kemɛa gblɔ be: 'Gbeɖe o! Tɔnyee nye ɖevi gbagbe la, eye etɔe nye kukua!' Nyɔnu gbãtɔ ɖo ŋu be: 'Ao! tɔwòe nye ɖevi kukua, eye tɔnyee nye agbagbea!' Nyɔnuawo nɔ nyaʋiʋlia dzi alea. Nuka wɔ ge Salomo ala?\nEdɔ be woatsɔ yi vɛ; esi wotsɔe vɛ la, egblɔ be: 'Mife ɖevi gbagbe la me ɖe eve, eye mitsɔ afã na wo dometɔ ɖesiaɖe.'\nDadaa ŋutɔŋutɔ do ɣli be: 'Gbeɖe o! Taflatse migawu ɖevi la o. Mitsɔe nɛ!' Gake nyɔnu kemɛa gblɔ be: 'Migatsɔe na mía dometɔ aɖeke o; mife eme ɖe eve.'\nSalomo gblɔ mlɔeba be: 'Migawu ɖevi la o! Mitsɔe na nyɔnu gbãtɔ. Eyae nye dadaa ŋutɔŋutɔ.' Salomo nya esia, elabena vidada ŋutɔŋutɔ lɔ̃ ɖevi la ale gbegbe be elɔ̃ be woatsɔe na nyɔnu kemɛa be womagawui o. Esi amewo se alesi Salomo kpɔ nya la gbɔe la, edzɔ dzi na wo ŋutɔ be fia nyanu ma le yewo si.\nLe Salomo ƒe dziɖuɣi la, Mawu yra ameawo be wòna anyigba la wɔ ƒo kple lu, weintsetsewo kple gbotsetsewo kple nuɖuɖu bubu geɖe. Ameawo ta avɔ nyuiwo henɔ aƒe nyuiwo me. Amesiame kpɔ nu nyui ɖesiaɖe wògbɔ eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/fia-salomo\/","date":"2018-01-23T01:21:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891546.92\/warc\/CC-MAIN-20180122232843-20180123012843-00505.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991724491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991724491119385}","num_words":377,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ele be ame siwo doa vevie mawusubɔsubɔ naxɔe ase be subɔsubɔha si yewotia la dzea Mawu kple Yesu ŋu. Ne mele nenema o la, ke nu ka tae wòle be woanɔ subɔsubɔha ma me?\nYesu Kristo meda asi ɖe nya si amewo gblɔna be subɔsubɔha geɖewo alo mɔ geɖewoe li, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔa ame yia ɖeɖekpɔkpɔ me la dzi o. Ðe wògblɔ boŋ be: \"\nAgbo la le biie, eye mɔ si kplɔa ame yia agbe me la xaxa, eye ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.\" (Mateo 7:","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/sub%C9%94sub%C9%94ha-vav%C3%A3t%C9%94\/","date":"2018-01-22T22:50:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891543.65\/warc\/CC-MAIN-20180122213051-20180122233051-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992085099,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992085099220276}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\n\"Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.\"\nƲɔnudrɔ̃ɣi sia anye \"xaxa gã\" si meva amegbetɔƒomea dzi kpɔ o la ƒe akpa aɖe. Armagedon-ʋa ava wu xaxa gã ma nu. (Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 16:16) Kristo ƒe futɔwo siwo woyɔ le lododoa me be gbɔ̃wo la \"akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe.\" (2 Tesalonikatɔwo 1:9; Nyaɖeɖefia 19:11, 15) Gake Yesu yomedzela wɔnuteƒe siwo nye alẽwo ya akpɔ \"agbe mavɔ.\"\nƔekaɣie Kristo ava?\nYesu gblɔ be: \"Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o.\" (Mateo 24:36, 42; 25:13) Gake egblɔ \"dzesi\" ƒokpli si woate ŋu akpɔ atsɔ ade dzesi ɣeyiɣi siwo ado ŋgɔ teti na eƒe vava va se ɖe eƒe vava dzi.\nNe Kristo va la, gbɔgbɔŋutilãe anɔ eŋu loo alo amegbetɔŋutilãea?\nEsi wòfɔ Yesu ɖe tsitre la, ezu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si ŋu gbɔgbɔŋutilã le, eya ta gbɔgbɔŋutilãe anɔ eŋu ne eva, ke menye amegbetɔŋutilã o. (1 Korintotɔwo 15:45; 1 Petro 3:18) Esia tae Yesu te ŋu gblɔ na eƒe apostolowo le ŋkeke si do ŋgɔ na eƒe ku dzi be: \"Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o.\"\nSusu masɔmasɔ aɖewo siwo le amewo si ku ɖe Kristo ƒe vava ŋu\nSusu masɔmasɔ: Amewo susuna be 2 Yohanes 7 me nyawo fia be ne Yesu va la, amegbetɔŋutilãe anɔ eŋu.\nNyateƒenya: Mawunyakpukpui ma gblɔ be: \"Ameblela geɖewo do go yi xexea me, ame siwo meʋua Yesu Kristo me be eva le ŋutilã me o.\" Le apostolo Yohanes ƒe ŋkekeawo me la, ame aɖewo gblɔna be menye amegbetɔe Yesu nye o, eye meva le ŋutilã me o. Woyɔa ame siawo be Sidzedzehametɔwo. Woŋlɔ 2 Yohanes 7 be woatsɔ aɖee fia be aʋatsonyawoe Sidzedzehametɔwo ƒe nufiafia mawo nye.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/yesu-%C6%92e-vava\/","date":"2018-01-20T18:06:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889677.76\/warc\/CC-MAIN-20180120162254-20180120182254-00283.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975934029,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975934028625488}","num_words":317,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpa kae kaka ɖe ame nɔewo dzi kple anukwareɖiɖi wɔna?\nGa mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, gake Biblia me mɔfiame ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo me.\nMigalala ga navɔ le mia si hafi miava nɔ gazazã nyuie ŋu bum o. Misrɔ̃ ale si miazã ga nyuie hafi nuwo nava gbe asi me na mi.\nWhat can families do when getting out of debt seems impossible?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/gazaz%C3%A3-nyuie\/","date":"2018-01-18T06:11:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887067.27\/warc\/CC-MAIN-20180118051833-20180118071833-00337.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995059967,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995059967041016}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.159,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ROMATƆWO ƒe tsimɔwo nye blemaɖaŋudɔ siwo ɖe dzesi wu la dometɔ aɖewo. Romatɔwo ƒe anyigbanunɔla kple tsidzikpɔla Sexto Yulio Frontino si nɔ agbe le ƒe 35 Do Ŋgɔ Na Yesu va se ɖe ƒe 103 Kristotɔwo Ŋɔli gblɔ be: \"Ne èlɔ̃ la àte ŋu atsɔ aɖaŋudɔ vevi siawo siwo hea tsi geɖe yinɛ na amewo asɔ kple Piramid maɖevi mawo kple Helatɔwo ƒe aɖaŋudɔ xɔŋkɔ siwo menye viɖenu aɖeke o!\" *\nNu Ka Tae Wohiã Be Woatu Tsimɔwo?\nZi geɖe la, wotsoa blemaduwo ɖe afi siwo tsi sɔ gbɔ ɖo taŋtaŋ, eye nenema ke ko wòle le Roma hã gome. Le gɔmedzedzea me la, Tiber Tɔsisia, tɔsisi suesuewo kple vudo siwo le afi mawo me tsiwo dea dua me tɔwo nu. Gake tso ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Yesu me la, amewo de asi agbɔsɔsɔ me ɖe Roma-dua me kabakaba, eye tsi ƒe hiahiã hã dzi ɖe edzi nenema.\nEsi wònye be ame ʋɛ aɖewo ƒe aƒe me koe tsi le ta la, Romatɔ ɖekaɖekawo kple dukɔa tu hahootsileƒe alafa geɖewo. Woʋu tsileƒe gbãtɔ si wotu le Roma-dua me la nu le ƒe 19 Do Ŋgɔ Na Yesu me, eye Akwa Virgo tsimɔ me tsi wozãna nɛ. Tsimɔa tula Markus Agripa, kesinɔtɔ gã aɖe si nye Kaisaro Augusto ƒe xɔlɔ̃ vevi aɖe, zã eƒe ga gbogbo aɖe ɖe beléle na tsimɔ sia kple Roma-dua ƒe tsikpɔmɔnuwo keke ɖe enu dɔwo ŋu.\nTsileƒewo va zu hadomewɔnawɔƒewo hã, eye abɔwo kple agbalẽdzraɖoƒewo nɔa tsileƒe gãtɔwo gɔ̃ hã. Ne tsi siawo siwo womate ŋu axe mɔ na wo dzo le tsileƒeawo la, woyia afɔdzidowo me, eye woɖea ɖinuwo le wo me heɖea afɔdziwo le afɔdzido siwo le tsileƒe siawo ŋu me la hã me.\nTsimɔwo tutu kple Beléle Na Wo\nNe èse woyɔ \"Roma-tsimɔwo\" la, xɔ tsrala siwo mlo ɖe anyigba ʋuu yi didiƒe ʋĩ ke la dzie wò susu yina? Le nyateƒe me la, tsimɔa ƒe akpa 20 le alafa me koe nyea xɔ tsrala, eƒe akpa gãtɔ nɔa gu me. Ewɔwɔ alea kpɔa tsimɔa ta, eye wònana hã be megblẽa nu le agble alo teƒe siwo wòto la ŋu boo o. Le kpɔɖeŋu me, Akwa Markia si nu wowu le ƒe 140 Do Ŋgɔ Na Yesu la ƒe didime ade kilometa 92, gake eƒe akpa si nye xɔ tsrala anye kilometa 11 kple nu vi aɖe ko.\nHafi tsimɔtulawo natu tsimɔ aɖe la, wodoa ŋgɔ doa tsi si woakpɔ la ƒe nyonyome kpɔ, ale si wowɔnae nye be wodoa tɔsisi si me tsi wodi be yewoazã la ƒe kɔ̀kɔme, eƒe sisi kple eƒe vivi kpɔ. Woléa ŋku ɖe nutoa me tɔ siwo noa tɔsisia me tsiawo ƒe lãmesẽ hã ŋu. Ne wonya da asi ɖe teƒe aɖe dzi be woatu tsimɔ ɖe afi ma ko la, anyigbadzidzelawo bua afi siwo wòle be tsimɔa nato, eƒe anyiyiyi, dziyiyi, lolome kple eƒe didime ŋu. Edze ƒãa be kluviwoe wozãna le tsimɔwo tutu me. Ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi woawu tsimɔ ɖeka tutu nu, esia wɔe be tsimɔtutu xɔ asi ŋutɔ, vevietɔ ne ehiã be woatu xɔ tsralawo kpe ɖe eŋu.\nGakpe ɖe eŋu la, ele be woalé be na tsimɔwo ahakpɔ wo ta. Ɣeaɖeɣi la, Roma-dua xɔ ame asiwo ade 700 be woalé be na tsimɔawo. Wowɔa nane siwo woazã le beléle na tsimɔwo me la hã kpena ɖe tsimɔawo ŋutɔ ŋu zi ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, woɖea towo alo dowo yia tsimɔa ƒe akpa siwo le gu me la ŋu. Ne ehiã be woawɔ dɔ gã aɖe le tsimɔwo ŋu la, tsimɔtulawo tea ŋu trɔa mɔ na tsiawo le tsimɔa ƒe afi si gblẽ la yia teƒe bubu.\nRoma-dua Me Tsimɔwo\nLe ƒe alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze la, tsimɔ gã 11 sɔŋue wozãna le Roma-dua me. Wotu tsimɔ gbãtɔ si woyɔna be Akwa Apia le ƒe 312 Do Ŋgɔ Na Yesu me, edidi kilometa 16 kple nu vi aɖe ko, eye eƒe akpa sia akpa kloe le gu me. Akwa Klaudia si ƒe akpa aɖe gakpɔtɔ li egbea la, didi kilometa 69, eye eƒe akpa si nye xɔ tsrala ƒe didime ade kilometa 10, eye xɔ tsrala ma ƒe akpa aɖewo kɔkɔ meta 27 sɔŋ!\nTsi gbogbo ka gbegbee toa dua ƒe tsimɔ mawo me? Tsi gbogbo aɖe ŋutɔe! Tsi lita miliɔn alafa ɖeka blaasieke (190,000,000) sina toa Akwa Markia si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la me yia Roma gbe sia gbe. Ne nuheŋusẽ he tsia va ɖo dua me ko la, esina yia nugo gãgãwo me eye wòtsoa afi mawo yia nugo bubu siwo maa tsiawo yia teƒe bubuwo la me. Tso nugo siawo me la, tsiawo yia teƒe vovovo siwo woawɔ wo ŋu dɔ le. Ame aɖewo bu akɔnta be Roma-tsimɔwo va de ŋgɔ ale gbegbe be dua me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpɔ tsi agbɔsɔsɔ si wu lita 1,000 gbe sia gbe.\nAgbalẽ si nye Roma-tsimɔwo Kple Tsikpɔmɔnuwo (ele yevugbe me) gblɔ be esi Roma Fiaɖuƒea va le ta kekem ɖe edzi la, \"Romatɔwo tsɔ tsimɔtutu yi afi sia afi si woyi.\" Ame siwo zɔa mɔ yia Asia Sue, France, Spain kple Dziehe Afrika agate ŋu akpɔ blemaɖaŋudɔ ɖedzesi sia wòawɔ nuku na wo.\n^ mm. 2 Menye Romatɔwoe nye ame gbãtɔ siwo tu tsimɔwo o. Blemadukɔ bubuwo abe Asiriatɔwo, Egiptetɔwo, Indiatɔwo kple Persiatɔwo ene hã tu tsimɔwo do ŋgɔ na Romatɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201411\/romat%C9%94wo-%C6%92e-tsim%C9%94wo-a%C9%96a%C5%8Bud%C9%94\/","date":"2018-01-24T08:41:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893530.89\/warc\/CC-MAIN-20180124070239-20180124090239-00034.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976850152,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976850152015686}","num_words":860,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA ŋutsu sesẽtɔ kekeake, si nɔ anyi kpɔ la ŋkɔa? Enye ʋɔnudrɔ̃la aɖe, si ŋkɔe nye Simson. Yehowae na ŋusẽ Simson. Hafi woadzi Simson gɔ̃ hã la, Yehowa gblɔ na dadaa be: 'Eteƒe madidi o àdzi ŋutsuvi. Eyae axɔ ŋgɔ aɖe Israel-viwo tso Filistitɔwo si me.'\nFilistitɔwo nye ame vɔ̃ɖi, siwo nɔ Kanaan. Aʋawɔla geɖe le wo si, eye wowɔa nuvevi Israel-viwo ŋutɔ. Gbeɖeka, esi Simson yina Filistitɔwo gbɔ la, dzata gã aɖe nɔ gbe ɖem gbɔna egbɔ le mɔa dzi. Gake Simson tsɔ asi ƒuƒlu wu dzata lae. Ewu Filistitɔ vɔ̃ɖi alafa geɖe hã.\nEmegbe la, Simson ɖo lɔlɔ̃ na nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Delila. Filistitɔwo ƒe amegãwo do ŋugbe na Delila be ne egblɔ nusi me Simson ƒe ŋusẽ gã le na yewo la, yewo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ klosalo 1,100 nɛ. Delila di be yeaxɔ ga ma katã. Menye Simson alo Mawu ƒe amewo ƒe xɔlɔ̃ vavã o. Eyata enɔ Simson biam be nuka mee eƒe ŋusẽ gã la le hã.\nMlɔeba la, Delila ble Simson be wògblɔ nusi me eƒe ŋusẽa le la nɛ. Egblɔ be: 'Womelũ ta nam kpɔ o. Tso esime wodzim la, Mawu tiam be manye esubɔla tɔxɛ abe eƒe klu ene. Ne wolũ ta nam la, nye ŋusẽ ado le ŋunye.'\nEsi Delila se esia la, ena Simson dɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi. Eye wòyɔ ame aɖe wòva lũ ta nɛ. Esi Simson nyɔ la, eƒe ŋusẽ la do le eŋu. Filistitɔwo va lée dzoe. Wogbã ŋku eveawo nɛ hewɔe woƒe kluvie.\nGbeɖeka la, Filistitɔwo ɖo kplɔ̃ gã aɖe be woasubɔ woƒe mawu Dagon, eye wokplɔ Simson tso gaxɔ me be yewoaɖu fewu le eŋu. Vaseɖe ɣemaɣi la, Simson ƒe ɖa gato ake. Simson gblɔ na ŋutsuvi, si le ekplɔm la be: 'Na malé sɔti, siwo dzi xɔa nɔ la.' Eye Simson do gbe ɖa na Yehowa hebia ŋusẽ, eye wòlé sɔtiawo. Edo ɣli be: 'Maku kple Filistitɔwo.' Filistitɔ 3,000 ye nɔ nua ɖuƒe, eye esi Simson viã eɖokui ɖe sɔtiawo ŋu la, xɔ la mu hewu ame vɔ̃ɖi siawo katã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/samson\/","date":"2018-01-21T02:07:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889798.67\/warc\/CC-MAIN-20180121001412-20180121021412-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985073805,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985073804855347}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðewohĩ ame si ŋlɔ Psalmo 83 lia nye Lewi vi Asaf ƒe dzidzimevi eye eya kple Fia David wonɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me. Woŋlɔ psalmo sia le ɣeyiɣi si me dukɔ siwo nye futɔ na Yehowa ƒe amewo la nɔ fu ɖem na wo.\nLe gbe si hakpalaa do ɖa me la, Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ye nɔ vevie nɛ ke menye eya ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ o\nEgbea la, wotia mawusubɔlawo yome le mɔ vovovowo nu. Míaƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe hea kafukafu vɛ na Yehowa\nYehowa di be míanya yeƒe ŋkɔ\nEle be wòadze le míaƒe nuwɔnawo me be Yehowae nye Ame vevitɔ kekeake na mí le agbe me","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july25-31\/psalmo83-ame-vevit%C9%94-kekeake\/","date":"2018-02-24T12:00:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00796.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953419566,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995341956615448}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si li egbea dze dɔ gɔme tso ƒe 1800 ƒe ƒeawo me. Ɣemaɣi la, Biblia nusrɔ̃vi ʋɛ siwo nɔ Pittsburgh, Pennsylvania, le United States, te Biblia me dzodzro moveviɖoɖotɔe. Wotsɔa sɔlemehawo ƒe nufiafiawo sɔna kple nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia. Wote nu siwo ŋu wokena ɖo la tata ɖe agbalẽwo, nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazine si woyɔna egbea be Gbetakpɔxɔ\nBible nusrɔ̃vi dovevienu mawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Charles Taze Russell. Togbɔ be Russell xɔ ŋgɔ le Biblia fiafia dɔa me ɣemaɣi eye wònye Gbetakpɔxɔ magazinea ŋlɔla gbãtɔ hã la, meɖo subɔsubɔha yeye anyi o. Tsã la, woyɔa woƒe ƒuƒoƒoa be Biblia Nusrɔ̃viwo. Russell kple Biblia Nusrɔ̃vi mamlɛawo ƒe taɖodzinue nye be yewoana amewo nanya nu tso Yesu Kristo ƒe nufiafiawo ŋu ahadze Kristo-hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe afɔɖoƒewo yome. Esi wònye Yesue ɖo Kristotɔnyenye anyi ta la, eyae míebuna be enye míaƒe habɔbɔa ɖola.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/haa-%C9%96ola\/","date":"2018-02-17T20:40:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807660.32\/warc\/CC-MAIN-20180217185905-20180217205905-00014.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999725163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997251629829407}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.192,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu gblɔ eƒe Todzimawunyaa vɔ la, eyi Kapernaum dua me. Yudatɔwo ƒe amegã aɖewo va egbɔ le afi sia. Ŋutsu aɖe si nye dukɔ bubu me tɔ eye wònye Roma asrafomegã lae dɔ wo.\nAsrafomegã la ƒe dɔla lɔlɔ̃a dze dɔ vevie heɖo kudo nu. Togbɔ be menye Yudatɔe asrafomegã la nye o hã la, edi be Yesu nakpe ɖe ye ŋu. Yudatɔawo gblɔ na Yesu be ŋutsua ƒe dɔla la \"le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem vevie,\" ɖewohĩ enɔ veve sem vevie hã. (Mateo 8:6) Yudatɔwo ƒe amegãwo ka ɖe edzi na Yesu be asrafomegã la dze na kpekpeɖeŋu ma esi wogblɔ be: \"Elɔ̃ míaƒe dukɔa, eye eyae tu míaƒe ƒuƒoƒea.\"—Luka 7:4, 5.\nEnumake Yesu kple amegãawo dze mɔ ɖo ta asrafomegã la ƒe me. Esi wogogo afi ma la, asrafomegã la dɔ exɔlɔ̃wo ɖa be woagblɔ nɛ be: \"Aƒetɔ, mègaxa ɖe fu na ɖokuiwò o, elabena nyemedze be nàva aƒenye me o. Esia tae nyemebu ɖokuinye be medze ava gbɔwò o.\" (Luka 7:6, 7) Ðokuibɔbɔnya kae nye esi ame si gbeɖeɖe na ame bubuwo ma la gblɔ! Egaɖee fia hã be ŋutsu sia to vovo na Romatɔ siwo wɔa ŋlɔmi le woƒe kluviwo ŋu.—Mateo 8:9.\nÐikeke mele eme o be asrafomegã la nyae be Yudatɔwo medea ha kple ame siwo menye Yudatɔwo o. (Dɔwɔwɔwo 10:28) Ðewohĩ esi esia le susu me na asrafomegã la tae wòna exɔlɔ̃wo gblɔ na Yesu be: \"Ðe gbe ko, eye nye subɔvi la ƒe lãme asẽ.\"—Luka 7:7.\nEsi Yesu se esia la, ewɔ nuku nɛ eye wògblɔ be: \"Mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ xɔse gã sia tɔgbi le Israel gɔ̃ hã kpɔ o.\" (Luka 7:9) Esi asrafomegã la xɔlɔ̃wo trɔ yi aƒea me la, wokpɔe be kluvi si dze dɔ vevie hafi la ƒe lãme sẽ azɔ.\nEsi Yesu da gbe le amea ŋu vɔ ko la, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖo kpe edzi be woayra ame siwo menye Yudatɔwo o siwo si xɔse le la hã esi wògblɔ be: \"Ame geɖewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye woanɔ kplɔ̃ ŋu kple Abraham kple Isak kpakple Yakob le Dziƒofiaɖuƒe la me.\" Ke nu kae adzɔ ɖe Yudatɔ siwo si xɔse mele o ya dzi? Yesu gblɔ be 'woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le.'—Mateo 8:11, 12.\nEsia fia be woagbe dzɔdzɔme Yudatɔ siwo mexɔ mɔnukpɔkpɔ si wona wo gbã be woanyi Fiaɖuƒe la ƒe dome akpe ɖe Kristo ŋu o la. Gake woaxɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woanɔ kplɔ̃ ŋu kplii \"le Dziƒofiaɖuƒe la me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/asrafomeg%C3%A3-x%C9%94se-s%E1%BA%BD%C5%8Bu\/","date":"2018-02-24T10:44:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815544.79\/warc\/CC-MAIN-20180224092906-20180224112906-00668.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993756413,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993756413459778}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\nNu kae Biblia zazã abe afakagbalẽ ene fia, eye aleke wòle be Kristotɔwo nabui?\nEfia Biblia la ʋuʋu zi ɖeka adze eƒe axa ɖe sia ɖe dzi eye woaxlẽ nya ɖe sia ɖe si ŋkua nya kli gbã ko kple susu be nya ma ana mɔfiame si hiã. Kristotɔ vavãwo mekaa afa o. Ke boŋ wosrɔ̃a Biblia be sidzedze vavãtɔ nasu wo si eye woaxɔ Mawu ƒe mɔfiame.\n'Xexe' ka nue ava yi?\nTogbɔ be Abel ku hã la, aleke wògale nu ƒom? (Heb. 11:4)\nAbel gale nu ƒom to eƒe xɔse dzi. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso xɔse si wòɖe fia me ahato eƒe afɔtoƒewo. Eƒe ŋutinyaa le nu ƒom na mí le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu.\nNu kawoe mele be míaɖe mɔ woate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ o?\nWo dometɔ aɖewoe nye: dɔwɔwɔ kple agbemedɔ si míatia, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu siwo míetiana, hadede kplikplikpli kple ƒometɔ si woɖe le ha me, elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dɔmawɔmawɔ nyuie, dzitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu fũu, ga ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ, alo dzitsitsi fũu akpa ɖe ɖoƒe si asu mía si alo ɖe míaƒe nukpɔsusuwo ŋu.\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe ɖokuibɔbɔ me?\nAfi kae ame siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ?\nWoafɔ ame ʋɛ aɖewo siwo ƒe xexlẽme nye 144,000 la be woanɔ dziƒo. Gake woafɔ ame akpa gãtɔ ɖe tsitre woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.\nGɔmesese ka nue \"dzi matsomatso\" nɔ Israel viwo si le? (Yer. 9:26)\nAleke Yesu ɖo agbenɔnɔ si ŋu viɖe le ƒe kpɔɖeŋu ɖi?\nTaɖodzinu nɔ Yesu si, si nye be wòawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Elɔ̃ Fofoa vevie, eye wòlɔ̃ amewo hã. Eya ta Yesu nyae be ye Fofo lɔ̃ ye hekpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu. Esiawoe nana viɖe vavã nɔa ame ƒe agbe ŋu.\nAme kawoe nye Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me tɔwo?\nWoawoe nye Dɔdzikpɔha la, Alɔdzekɔmitiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemetsitsiwo ƒe hawo, hamewo, kple Ðasefo ɖekaɖekawo.\nNu ka tae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mefia be eƒe tame sẽ o?\nÐe Israel viwo wua nu vlo wɔlawo to wo hehe ɖe ati ŋu mea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130615\/%C3%A8%C9%96o-%C5%8Bku-wo-dzia\/","date":"2018-02-24T17:53:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815918.89\/warc\/CC-MAIN-20180224172043-20180224192043-00666.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986179471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998617947101593}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Yehowa mía Mawu,\nGbɔwòe ŋutifafa tso.\n'Ya ta Mawu, kpe ɖe mía ŋu\nMíatu nɔnɔme sia ɖo.\nÈlɔ̃ tsɔ Viwò na\nWòna mɔnukpɔkpɔ mí\nM��ewɔ ŋutifafa kpli wò,\nSubɔa wò kple dzi blibo.\n2. Na wò Nya kple gbɔgbɔa\nNakplɔ mí, akpɔ mía ta,\nMíanya 'le si míanɔ agbe\nXexe doblukɔ sia me.\nXaxa kple fuléle\nXɔ aƒe ɖe xexea me.\n'Ya ta na wò ŋutifafa\nNanɔ mía dome fifia.\n3. Wòe na ɖekawɔwɔ\nLe wò subɔla'o dome.\nWò gbɔgbɔa na míewɔ ɖeka\nLe gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea.\nFiaɖuƒe dziɖuɖua\nAɖe aʋawɔwɔ ɖa,\nBe ame fafawo katã\nNakpɔ ŋutifafa ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/112-yehowa-%C5%8Butifafa-mawu\/","date":"2018-02-24T17:46:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815918.89\/warc\/CC-MAIN-20180224172043-20180224192043-00684.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9851772189,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.985177218914032, \"ajg_Latn_score\": 0.014842431992292404}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.144,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JANUARY 21, 2015\nPOLAND\nWARSAW (VARSOVIE) le Poland (Pologne)\nAuschwitz-Birkenau ƒe Blemanudzraɖoƒe kple Auschwitz Dukɔwo Dome Adaŋudeha woe le ɖoɖo wɔm ɖe wɔnaa ŋu. Wokpɔ mɔ be Polandtɔwo ƒe dukplɔla Bronisław Komorowski ava wɔna la teƒe eye xexemedukɔ vovovowo hã aɖo woƒe dziɖuɖumegãwo ɖa.\nAuschwitz le Oświęcim, si nye Poland-du aɖe si Nazitɔwo xɔ le Xexemeʋa II lia me ƒe golɔgoe aɖe me. Le gɔmedzedzea me esi Germanytɔwo ɖo fuwɔamegakpɔ sia le June 1940 me la, wokplɔ Polandtɔ 700 va de ga le afi sia. Auschwitz fuwɔamegakpɔ la va keke ta kabakaba, eye wova ɖo gaxɔ gã 40 kple gaxɔ sue gbogbo aɖewo ɖe eme. Ame 20,000 aɖewo kuna le Auschwitz-Birkenau ƒe aɖiyaxɔ eneawo me gbe sia gbe. Woɖo ame miliɔn ɖeka kple akpe alafa ɖeka ya teti ɖe Auschwitz le ƒe atɔ̃ siwo wowɔ fu amewo le afi ma la me. Ame siawo dometɔ 400 kple edzivɔ nye Yehowa Ðasefowo.\nWogblɔ le Auschwitz-Birkenau ƒe Blemanudzraɖoƒea ƒe nyatakakadzraɖoƒe be: \"Ŋutinyagbalẽ siwo ƒo nu tso Auschwitz Fuwɔamegakpɔa ŋu meƒo nu boo tso Yehowa Ðasefo (siwo woyɔna le asaɖa la ƒe nuŋlɔɖiwo me be [Nusrɔ̃viwo]) siwo wolé de ga le woƒe mawusubɔsubɔ ta la ŋu o, negbe nya ʋɛ aɖewo ko wogblɔ tso wo ŋu. Ehiã be míatsɔ ɖe le gamenɔla siawo hã ƒe nya me le ale si wote ŋu lé woƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe le nɔnɔme sesẽ siwo me woto le fuwɔamegakpɔa me la ta.\" Blemanudzraɖoƒea ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yehowa Ðasefowo nɔ gamenɔla gbãtɔ siwo woɖo ɖe Auschwitz la dome. Yehowa Ðasefo alafa geɖe siwo woɖo ɖe gaxɔ sia me la dometɔ 35 le alafa me ku tsi afi sia.\nNazi-dziɖuɖua tɔ ŋku Yehowa Ðasefowo le ƒe 1933 ƒe gɔmedzedze eye woxe mɔ ɖe habɔbɔ sia nu le Germany-dukɔa katã me. Ðasefoawo ƒe agbenɔnɔ kple woƒe nuwɔna mesɔ ɖe Nazitɔwo ƒe susuwo nu o. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso amewo katã si be woagblɔ \"Heil Hitler!,\" gake Ðasefowo ya mate ŋu agblɔ nya sia o. Ðasefoawo bunɛ be bubu sia gbegbe dede Hitler ŋu nye nuteƒemawɔmawɔ na Mawu. Ðasefoawo gbe hã be yewomawɔ asrafodɔ aɖeke o, esia na be dziɖuɖua bua wo be wolé fu dukɔa. Andrzej Szalbot si wolé yi Auschwitz le ƒe 1943 me esime wòxɔ ƒe 19 la gblɔ be: \"Woɖoa ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o la ɖe fuwɔamegakpɔ me.\" Wodoa ŋugbe na Yehowa Ðasefowo be ne wode asi agbalẽ te be yewomeganye habɔbɔa me tɔ o eye wogblɔ be Ðasefoawo ƒe nufiafiawo mesɔ o la, yewoaɖe asi le wo ŋu enumake. Aƒetɔ Szalbot gbe asidede agbalẽa te.\nWozã ŋɔŋlɔdzesi kpui si nye \"IBV\" na Yehowa Ðasefowo le Nazi-dziɖuɖua ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ŋɔŋlɔdzesi sia fia Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Habɔbɔ (eƒe Germanygbe me tɔe nye Internationale Bibelforscher-Vereinigung). Nazitɔwo bia tso Ðasefoawo si be woade dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me ɖe woƒe gaxɔmenɔwu ŋu. Dzesi sia kpe ɖe Ðasefoawo ŋu le gakpɔa me wokpɔa wo nɔviwo dzea sii bɔbɔe. Fiẽ sia fiẽ hafi gamenɔlawo nava ƒo ƒu be woayɔ wo ŋkɔ la, Ðasefoawo kpena dea dzi ƒo na wo nɔewo. Wokpena le adzame hã dzroa Biblia me kple gamenɔla bubu siwo dzi Ðasefoawo ƒe dɔmenyonyo kple xɔse wɔ dɔ ɖo. Gamenɔla geɖewo va zu Yehowa Ðasefowo le Auschwitz fuwɔamegakpɔa me.\nLe Memleɖa, January 27, 1945 ƒe ŋdi la, Soviet-dziɖuɖua ƒe Asrafoha Dzĩ va ɖo Oświęcim. Le ɣetrɔ ga 3 la, Soviet-dziɖuɖua ƒe aʋakɔa naa ablɔɖe gamenɔla 7,000 siwo le Auschwitz I, Auschwitz II (Birkenau) kple Auschwitz III (Monowitz).\nYehowa Ðasefo si ŋkɔe nye Stanisław Zając nɔ ame akpe geɖe siwo dzi Nazitɔwo zi be woadzo le Auschwitz fuwɔamegakpɔa me hafi Asrafoha Dzĩa nava ɖo la dome. Aƒetɔ Zając kple gamenɔla siwo ade 3,200 ʋu tso asaɖa sue si nye Jaworzno me hezɔ kuzɔli dziŋgɔ ma to sno dziŋɔ ma me. Wobu akɔnta be gamenɔla siwo tso asaɖa ma me la dometɔ siwo tsi agbe le ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ma me va ɖo Blechhammer, si nye Auschwitz ƒe asaɖa sue aɖe si le ave me la mede 2,000 o. Le nu siwo Aƒetɔ Zając ŋlɔ ɖi ku ɖe nudzɔdzɔ ma ŋu me la, eƒo nu tso aʋa aɖe si fe ati le asaɖa la me eye eya kple gamenɔla bubuwo be ɖe asaɖa la me ŋu. Egblɔ be: \"Míekpɔ aʋawɔʋuwo va nɔ yiyim, gake mía dometɔ aɖeke mete ŋu do dzi be yeakpɔ ɖa be ame kawo wonye mahã o. Le ŋufɔke ƒe ŋdi la, míede dzesii be Russiatɔwoe. . . . Russiatɔwo xɔ avea me katã, eye gbe ma gbee fu dziŋɔ siwo mekpe le asaɖa ma me la wu enu.\"\nLe ƒe sia me la, woawɔ takpekpe kple ɖeɖefia siwo ku ɖe ablɔɖekpɔkpɔ le Auschwitz ƒe ƒe 70 lia ɖuɖu ŋu le January 27 le du vovovo me le xexea me godoo.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nGermany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110\nPoland: Ryszard Jabłoński, tel. +48 608 555 097","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/poland\/auschwitz-fuw%C9%94amegakp%C9%94-%C9%96e%C9%96ekp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2018-02-24T08:51:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815500.61\/warc\/CC-MAIN-20180224073111-20180224093111-00756.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999116838,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999116837978363}","num_words":798,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU DA GBE LE ŊKUAGBÃTƆWO KPLE AÐETUTUTƆ AÐE ŊU\nNAZARETETƆWO GBEE\nVovo mele Yesu ŋu le ŋkekea me kura o. Esi wòtso ƒu tso Dekapoli nutoa me va ɖi go megbe la, eda gbe le nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la ŋu, eye wòfɔ Yairo vinyɔnuvia ɖe tsitre. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o. Esi Yesu dzo le Yairo ƒe aƒe me yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome nɔ ɣli dom be: \"David Vi, kpɔ nublanui na mí.\"—Mateo 9:27.\nAle si ŋutsu siawo yɔ Yesu be \"David Vi\" la fia be woxɔe se be Yesu ye nye David ƒe fiazikpuia ƒe domenyila, eye eyae nye Mesia la. Gake edze abe ɖe Yesu mede nu eme na wo o ene. Ðewohĩ edi be yeakpɔe ɖa be womana ta bɔbɔe o hã, eye womena ta hã o. Esi Yesu ge ɖe aƒe aɖe me la, ŋutsu eveawo hã kplɔe ɖo yi aƒea me. Yesu bia wo be: \"Miexɔe se be mate ŋu awɔ nu sia?\" Woɖo eŋu kple kakaɖedzi be: \"Ɛ̃, Aƒetɔ.\" Azɔ Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be: \"Neva eme na mi le miaƒe xɔse la nu.\"—Mateo 9:28, 29.\nEnumake wokpɔ nu! Abe ale si Yesu de se na ame aɖewo va yi ene la, egblɔ na woawo hã be woagakaka nu si yewɔ la o. Gake le dzidzɔ gã si wokpɔ ta la, woyi ɖagblɔ eŋu nya le afi sia afi.\nEsi ŋutsu eve siawo nɔ dzodzom la, amewo kplɔ ŋutsu aɖe si mete ŋu le nu ƒom o, le esi gbɔgbɔ vɔ̃ le eme ta la vɛ. Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe eye enumake ŋutsua dze nuƒoƒo gɔme. Esia wɔ nuku na amehaa eye wogblɔ be: \"Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.\" Farisitɔwo hã nɔ afi ma. Esi womate ŋu asẽ nu le nukunuawo ŋu o ta la, wogagblɔ nu si wogblɔ va yi tso afi si Yesu kpɔ ŋusẽa tsoe ŋu be: \"Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.\"—Mateo 9:33, 34.\nLe nudzɔdzɔ siawo megbe kpuie la, Yesu trɔ yi wo de Nazaret eye fifia eƒe nusrɔ̃lawo yi kplii. Anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ la, efia nu le ƒuƒoƒe si le afi ma. Nu siwo wògblɔ la wɔ moyaa na ameawo gbã, gake emegbe eƒe nufiafia ku dzi na wo eye wote kpɔ be yewoawui. Fifia Yesu gadi be yeakpe ɖe ame siwo yenɔ teƒe ɖeka kplii tsã la ŋu.\nLe Sabat dzi la, egayi ƒuƒoƒea hefia nu. Ame geɖe ƒe mo wɔ yaa eye wobia gɔ̃ hã be: \"Afi kae ame sia kpɔ nunya sia kple ŋusẽ tsoe tsɔ le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?\" Wogblɔ be: \"Menye atikpala la ƒe vie nye esia oa? Menye dadaa ye woyɔna be Maria, eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi kae wòkpɔ nu siawo katã tsoe?\"—Mateo 13:54-56.\nWose le wo ɖokuiwo me be yewo dometɔ ɖeka koe Yesu hã nye. Woƒe susue nye be, 'Míedze sii tso eƒe ɖevime ke, eya ta aleke wòate ŋu anye Mesia la?' Le esia ta togbɔ be kpeɖodziawo katã, siwo dome Yesu ƒe nunya gã la kple nukunuwo le, ɖee fia be eyae nye Mesia hã la, wogbee. Esi eƒe ƒometɔwo dze sii nyuie ta la, ezu nukikli na woawo gɔ̃ hã, eye esia na Yesu gblɔ be: \"Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le wo de kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko womebunɛ le o.\"—Mateo 13:57.\nXɔse si menɔ wo si o la wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Eya ta mewɔ nukunu aɖeke le afi ma o, \"negbe dɔnɔ ʋɛ aɖewo dzi ko wòda asi ɖo heda gbe le wo ŋu.\"—Marko 6:5, 6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/ew%C9%94-nukunuwo-wogbee-nazaret\/","date":"2018-02-24T05:00:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815318.53\/warc\/CC-MAIN-20180224033332-20180224053332-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988434911,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988434910774231}","num_words":607,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nZi geɖe ne wò kple srɔ̃wo mieʋli nya la, miehea nya xoxo gbogbo siwo gbɔ wòle be miakpɔ va yi la ɖe go. Nu kae nye kuxia? Ate ŋu anye be mia dometɔ ɖeka alo mi ame evea siaa mienya ale si miatsɔ ake o.\nMiate ŋu asrɔ̃ ale si miatsɔ ake. Gake gbã la, mina míakpɔ nu si tae wòsesẽna na srɔ̃tɔwo be woatsɔ ake wo nɔewo la ɖa.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nŊusẽ. Srɔ̃tɔ aɖewo gbea asiɖeɖe le nya ŋu be yewoatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe yewo srɔ̃wo dzi. Eye ne masɔmasɔ aɖe ɖo wo dome la, wohea nya xoxo mawo ɖe go be yewoƒe alɔ nade dzi le nyaʋiʋlia me.\nNyaléle ɖe dɔ me. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi ame naŋlɔ nu si wowɔ ɖe eŋu la be. Ame aɖe ate ŋu agblɔ na srɔ̃a be, 'metsɔe ke wò' gake nya ma gale dɔ me nɛ kokoko. Ðewohĩ anɔ mɔnukpɔkpɔ dim be yeawɔ wɔɖenui.\nMɔkpɔkpɔ si meva eme o. Ame aɖewo ɖea srɔ̃ henɔa mɔ kpɔm na vivisese sɔŋ, abe ale si wòdzena le ŋutinya kpakpawo me ene. Eya ta ne masɔmasɔwo ɖo wo dome la, womelɔ̃na trɔa susu o, eye wonɔa wo ɖokuiwo biam be aleke ame si yewobu be esɔ na yewo pɛpɛpɛ ƒe susuwo to vovo na yewo tɔ alea. Ne ame meda sɔ le nu siwo wòkpɔ mɔ na me o la, ate ŋu awɔe be wòanɔ vodada dim le srɔ̃a ŋu ahagbe tsɔtsɔke.\nNugɔmemasemase na ame nɔewo. Srɔ̃tɔ geɖewo gbea tsɔtsɔke elabe wosea tsɔtsɔke gɔme bubui. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu abui be:\nNe metsɔe ke la, efia be mebu vodada la nu tsɛ.\nNe metsɔe ke la, ke efia be maŋlɔe be keŋkeŋ.\nNe metsɔe ke la, ɖeko wòagawɔ ŋlɔmi bubu ɖe ŋunye.\nLe nyateƒe me la, tsɔtsɔke mefia nu mawo dometɔ aɖeke o. Ke hã ate ŋu asesẽ be woatsɔ ake, vevietɔ le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a gome.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nSe nu si tsɔtsɔke fia la gɔme. Nu si nya \"tsɔtsɔke\" fiana le Biblia me ɣeaɖewoɣie nye be \"woaɖe asi le nya ŋu.\" Eya ta tsɔtsɔke mebiana ɣesiaɣi be nàŋlɔ nu si wowɔ ɖe ŋuwò la be alo be nàbui nu tsɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, nu si ko wòfiae nye be nàɖe asi le nyaa ŋu le wò ŋutɔ kple srɔ̃wòa siaa ƒe nyonyo ta.\nBu afɔku siwo ate ŋu ado tso eme ne ègbe be yematsɔ ake o la ŋu. Numekula aɖewo gblɔ be dzikuléle ɖe dɔ me ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò vevie le ŋutilã me kple seselelãme gome siaa. Nu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye blanuiléledɔ kple ʋusɔgbɔdɔ, kpakple ale si wòagblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Esia tae Biblia gblɔe wòsɔ be: \"Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.\"\nBu viɖe siwo dona tso tsɔtsɔke me la ŋu. Ne ètsɔ kea srɔ̃wo la, ana be nàka ɖe edzi be menye susu vɔ̃ aɖeke tae wòwɔ nua ɖo o, eye malé eƒe vodadawo ɖi o. Esia ana be mianɔ mia nɔewo ƒe nyawo lém ɖi o, eye esia awɔe be wò kple srɔ̃wò miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu.\nDa sɔ. Ele bɔbɔe be nàtsɔe ake srɔ̃wò ne elɔ̃ ɖe edzi be mede blibo o. Agbalẽ aɖe gblɔ be ne wò susu katã le srɔ̃wòa ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la, ele bɔbɔe ŋutɔ be nàŋlɔ nɔnɔme nyui siwo katã le esi la be. Agbalẽa bia be: \"Nu kawo ŋue nàdi be yeƒe susu nanɔ fifia?\" (Fighting for Your Marriage) Ðo ŋku edzi be, ame aɖeke mede blibo o, eye wò ŋutɔ hã mede blibo o.\nSe nu gɔme. Ne srɔ̃wò gagblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, bia ɖokuiwò be: 'Ðe wònye nya gã nenema gbegbea? Ðe wòhiã be mate tɔ ɖe edzi be wòaɖe kuku nama, alo ɖe mate ŋu aŋe aɖaba ƒu nya ma dzi ko nya nakpã?'\nNe ehiã la, miɖo dze tso nyaa ŋu. Gblɔ nu si ve wò le nyaa ŋu kple nu si ta wòve wò ɖo la nɛ tufafatɔe. Mègabu vɔ̃ ɖe srɔ̃wòa ŋu o, eye mègate tɔ ɖe wò nyawo dzi hã o, elabena ɖeko ema ana srɔ̃wòa nanɔ eɖokui nu ɖem. Ke boŋ gblɔ ale si eƒe nuwɔnaa te ɖe dziwòe la boŋ nɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201309\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-ats%C9%94-ake\/","date":"2018-02-26T04:09:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891817999.51\/warc\/CC-MAIN-20180226025358-20180226045358-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990926981,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999092698097229}","num_words":718,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LO ƑE glã sesẽ wu lã siwo katã li tɔ. Le kpɔɖeŋu me, tɔmelo si le Australia lɔƒo tea ŋu ɖua nu siwo sesẽ zigbɔzi etɔ̃ wu esiwo dzatawo alo kpɔ̃wo tea ŋu ɖuna. Gake nukutɔe, ne lo ɖo aɖu nuwo dzi la, etea ŋu dea vovototo wo me, eye eƒe ŋutete sia wu ale si amegbetɔwo ƒe asibidɛnu tea ŋu nana wonyaa nu siwo ŋu woka asii la gɔ̃ hã. Aleke wòwɔa esiae esi eƒe ŋuti le ƒlatsaa nenema gbegbe?\nLãmenusenu akpe geɖewo le lo ƒe glã ŋu. Esi numekula Duncan Leitch ku nu me tso lo ƒe glã ŋu megbe la, egblɔ be: \"Lãmeka wluiwluiwluiwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nugbɔ le do aɖe si le eƒe tago me la me.\" Esia kpɔa lãmeka siwo le eƒe glã ŋu la ta eye wònana hã be eƒe aɖu dea vovototo nuwo me. Ale si wòtea ŋu dea vovototo nuwo me nu sẽ le eƒe teƒe aɖewo ale gbegbe be womate ŋu atsɔ mɔ̃ adzidzee o. Esia wɔe be ne nane le nu me na lo la, etea ŋu nyana nenye nuɖuɖue loo alo nu bubu aɖee. Esia ke tae ne lonɔ kɔ via ɖe nu me la, etea ŋu nyana be ye vie eye meɖunɛ o. Ŋusẽ le lo ƒe glã kple eƒe aɖuwo ŋu, gake etea ŋu dea vovototo nuwo me hã.\nNu kae nèsusu? Ðe lo ƒe glã la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201507\/lo-%C6%92e-gl%C3%A3\/","date":"2018-02-25T16:20:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816647.80\/warc\/CC-MAIN-20180225150214-20180225170214-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984242916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984242916107178}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI ŋkekeawo nɔ yiyim la, Yesu ɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi geɖe. Ɣeaɖeɣi la, ame abe 500 ene kpɔe. Esi wòɖe eɖokui fia wo la, ènya nusi ƒe nya Yesu gblɔ na woa? Mawu ƒe fiaɖuƒe lae. Yehowa dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòafia nu le Fiaɖuƒe la ŋuti. Eye esi wofɔe tso ame kukuwo dome hã la, enɔ esia wɔwɔ dzi.\nÈɖo ŋku nusi Mawu ƒe fiaɖuƒea nye la dzia? Ẽ, fiaɖuƒe la nye Mawu ƒe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ, si le dziƒo, eye Yesue nye Amesi Mawu tia be wòanye Fia. Abe alesi míesrɔ̃e ene la, Yesu ɖe fia nyui, si wòava nye la fia esime wònyi dɔwuitɔwo, da dɔ na dɔlélawo hefɔ ame kukuwo gɔ̃ hã la!\nEyata ne Yesu le dzi ɖum le dziƒo hena ƒe akpe ɖeka la, aleke anyigba dzi anɔ? Vavãe, woawɔ anyigba katã wòanye paradiso nyui aɖe. Aʋawɔwɔ, alo hlɔ̃dodo, alo dɔléle, alo ku, gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Míenya be nyateƒee, elabena Mawu wɔ anyigba be wòanye paradiso be amewo nakpɔ dzidzɔ le edzi. Eyatae wòwɔ Eden-bɔ le gɔmedzedzea me ɖo. Eye Yesu akpɔ egbɔ be woawɔ nusi Mawu di be woawɔ la ade goe mlɔeba.\nƔeyiɣi de azɔ be Yesu natrɔ ayi dziƒo. Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo hena ŋkeke 40 sɔŋ. Eyata kakaɖedzi le wo si be egale agbe. Gake hafi wòadzo le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ la, egblɔ na wo be: 'Minɔ Yerusalem vaseɖe esime miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la.' Gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ, abe yaƒoƒo ene; esia akpe ɖe eyomedzelawo ŋu be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Mlɔeba la, Yesu gblɔ be: 'Miaɖe gbeƒã le ŋutinye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.'\nEsi Yesu gblɔ esia vɔ la, nukunu aɖe dzɔ. Ede asi dziyiyi me ɖo ta dziƒo abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Tete alilikpo aɖe xe nusrɔ̃lawo ŋku me be womegakpɔ Yesu azɔ o. Yesu dzo yi ɖe dziƒo, eye wòdze fiaɖuɖu gɔme le afima ɖe eyomedzela, siwo le anyigba dzi la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/yesu-gatr%C9%94-yi-dzi%C6%92o\/","date":"2018-03-21T11:01:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647612.53\/warc\/CC-MAIN-20180321102234-20180321122234-00734.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985192418,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998519241809845}","num_words":328,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Ke le ŋkeke etɔ̃agbe la, woɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ aɖe le Kana le Galilea, eye Yesu dada nɔ afi ma. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea. 3 Esi wain la mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ be: \"Wain mele wo si o.\" 4 Gake Yesu gblɔ nɛ be: \"Nya kae le mía kpli wò dome, nyɔnu? Nye gaƒoƒo la meɖo haɖe o.\" 5 Dadaa gblɔ na ame siwo nɔ subɔsubɔm la be: \"Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.\" 6 Kpezɔ ade nɔ afi ma abe ale si Yudatɔwo ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɖoɖoa bia ene, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ tsi dzidze* eve alo etɔ̃. 7 Yesu gblɔ na wo be: \"Miku tsi ɖe zɔawo me woayɔ.\" Eye wokui ɖe wo me woyɔ banaa. 8 Eye wògblɔ na wo be: \"Azɔ miku ɖe yi na kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla.\" Eye wokui yi. 9 Ke esi kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla la ɖɔ tsi si wotrɔ wòzu wain, (evɔ menya afi si wòtso o togbɔ be subɔla siwo ku tsia yii ya nya hã) la kpɔ la, kplɔ̃ɖoɖoa dzi kpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, 10 hegblɔ nɛ be: \"Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ naa amewo gbã, eye ne womu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Ke wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.\" 11 Yesu wɔ nu sia le Kana le Galilea wònye eƒe dzesiwo ƒe gɔmedzedze, eye wòna eƒe ŋutikɔkɔe la dze; eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. 12 Le esia megbe la, woa kple dadaa kple nɔviawo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo trɔ yi Kapernaum, gake womenɔ afi ma ŋkeke geɖe o. 13 Ke Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la nɔ ɖoɖom, eye Yesu yi Yerusalem. 14 Eye wòkpɔ ame siwo nɔ nyiwo kple alẽwo kpakple ahɔnɛwo dzram le gbedoxɔa me kpakple gaɖɔlila siwo nɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi. 15 Eya ta esi wògbi ka tsɔ wɔ atam vɔ la, enya ame mawo katã kpakple woƒe alẽwo kple nyiwo do goe le gbedoxɔa me, eye wòtrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo. 16 Eye wògblɔ na ame siwo nɔ ahɔnɛawo dzram la be: \"Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Midzudzɔ Fofonye ƒe aƒe la tsɔtsɔ wɔ asitsaƒee!\" 17 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be woŋlɔ ɖi be: \"Dzonɔameme ɖe wò aƒea ŋu amim.\" 18 Eya ta Yudatɔwo ɖo eŋu gblɔ nɛ be: \"Dzesi kae le asiwò nàtsɔ afia mí, si ta nèkpɔ mɔ awɔ nu siawo?\" 19 Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: \"Mimu gbedoxɔ sia ƒu anyi, eye le ŋkeke etɔ̃ me la, magafɔe ɖe te.\" 20 Eya ta Yudatɔwo gblɔ be: \"Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àfɔe ɖe te le ŋkeke etɔ̃ mea?\" 21 Gake eƒe ŋutilã ƒe gbedoxɔ ŋue wònɔ nu ƒom le. 22 Eya ta esi wofɔe tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be elɔ̃a nya sia gbɔgblɔ; eye woxɔ Ŋɔŋlɔ la kple nya si Yesu gblɔ la dzi se. 23 Ke hã, esi wònɔ Yerusalem le ŋutitoto la dzi le ŋkekenyui la ɖuɣi la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ la dzi se, le esi wokpɔ dzesi siwo wɔm wònɔ la ta. 24 Gake Yesu ŋutɔ ya meka ɖe wo dzi o, elabena enya wo katã, 25 eye mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase le amegbetɔ ŋu nɛ o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Ðewohĩ baf dzidzee wowɔnɛ, eye dzidze ɖeka nye lita 22.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/yohanes\/2\/","date":"2018-03-17T23:09:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645362.1\/warc\/CC-MAIN-20180317214032-20180317234032-00168.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982800484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982800483703613}","num_words":553,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8 \"Milé se siwo katã dem mele na mi egbe la me ɖe asi pɛpɛpɛ, ne miayi edzi anɔ agbe,+ miadzi ɖe edzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo la wòazu mia tɔ.+ 2 Ðo ŋku mɔ legbe si Yehowa wò Mawu na nèzɔ ƒe blaene siawo le gbea dzi,+ bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi ahado wò kpɔ,+ ne yeanya nu si le wò dzi me,+ be àlé yeƒe sededewo me ɖe asi loo alo màlé wo me ɖe asi o la dzi. 3 Eya tae wòbɔbɔ wò ɖe anyi, ena dɔ wu wò,+ eye wòtsɔ mana+ si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienya o la nyi wò, ne wòana nànyae be menye abolo ɖeɖe ko nue amegbetɔ nɔa agbe ɖo o, ke boŋ amegbetɔ nɔa agbe ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.+ 4 Awu siwo nèdo la mevuvu o, eye wò afɔwo hã mete le ƒe blaene siawo me o.+ 5 Ènyae nyuie le wò dzi me be, ale si ŋutsu ɖɔa via ɖoe la, nenemae Yehowa wò Mawu nɔ ɖɔwòm ɖoe.+ 6 \"Azɔ lé Yehowa wò Mawu ƒe sededewo me ɖe asi, eye nàzɔ eƒe mɔwo dzi ahavɔ̃e. 7 Elabena Yehowa wò Mawu kplɔ wò yina anyigba nyui aɖe dzi,+ anyigba si dzi tɔʋuwo, tsidzɔƒewo kple tɔ goglo siwo sina to baliwo kple tonutowo me la le, 8 anyigba si dzi lu kple ƒo, wainkawo kple gbotiwo kpakple yevuboɖawo le,+ anyigba si dzi amititsetsewo ƒe ami kple anyitsi le,+ 9 anyigba si dzi nuɖuɖu mave le o, eye naneke mahiã wò o, anyigba si ƒe kpewo me gayibɔ le, si ƒe towo dzi nàku akɔbli le. 10 \"Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa wò Mawu ɖe anyigba nyui si wòtsɔ na wò la ta.+ 11 Kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Yehowa wò Mawu be ahagbe eƒe sededewo, eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo kple eƒe ɖoɖo siwo ƒe se dem mele na wò egbe la dzi wɔwɔ o. 12 Ne èɖu nu ɖi ƒo, eye nètso aƒe nyuiwo hele wo me,+ 13 eye wò nyihawo kple wò alẽhawo dzi ɖe edzi, wò klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi, eye nu sia nu bɔ ɖe asiwò la, 14 wò dzi negade asi dada me,+ eye nàŋlɔ Yehowa wò Mawu, ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me la be o,+ 15 ame si na nèzɔ gbe gã dziŋɔ,+ si dzi da vɔ̃ɖiwo kple dziɖegbewo* le, anyigba si ƒu kplakplakpla, si dzi tsi mele o la dzi. Ena tsi do tso agakpe sesẽ me na wò,+ 16 eye wòtsɔ mana+ si fofowòwo menya o la nyi wò le gbea dzi, ne wòabɔbɔ wò ɖe anyi,+ eye wòado wò kpɔ, be wòaɖe vi na wò le etsɔme.+ 17 Ne ègblɔ le wò dzi me be, 'Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe'+ la, 18 ɖo ŋku edzi be Yehowa wò Mawue naa ŋusẽ wò be nàkpɔ kesinɔnuwo+ ne wòawɔ nubabla si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo la dzi, abe ale si wòle egbe sia ene.+ 19 \"Ke ne èŋlɔ Yehowa wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome, nèsubɔ wo hede ta agu na wo la, ekema mele ɖase ɖim le mia ŋu egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko.+ 20 Miatsrɔ̃ abe dukɔ siwo tsrɔ̃m Yehowa le le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe o ta.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"akeklewo; aganɛwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/5-mose\/8\/","date":"2018-03-19T21:57:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00186.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999222517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992225170135498}","num_words":557,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 30 va se ɖe June 26, 2016 la le tata sia me.\nNufiame kae le Yefta kple vianyɔnua ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖe Biblia me la me na Kristotɔwo?\nNu kae xaxa siwo me míetona dona kpɔna? Eye dzidodo ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi kawoe ate ŋu ado ŋusẽ wò?\nNe èdea kpekpeawo la, aɖe vi na wò kple ame bubuwo siaa, eye wòado dzidzɔ na Yehowa. Ènya nu si taea?\nNu ene aɖewo ate ŋu adzra wò ɖo be màgade nu dunya me gbeɖe o.\nAGBEMEŊUTINYA\nNu kae ʋã wo wodzo le sistakpɔme hegbe nu le Katolikohaa gbɔ?\nAleke wò gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu afa dzi na amewo, ana dzidzeme wo, eye wòalé woƒe agbe ɖe te?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-april-2016\/","date":"2018-03-17T17:29:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645248.22\/warc\/CC-MAIN-20180317155348-20180317175348-00129.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984664917,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984664916992188}","num_words":122,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexe bliboa\nDɔwuame ɖeɖe ɖa le xexea me bia nu geɖe wu agble geɖe dede ko. Wobu akɔnta be, agble si dem wole fifia ate ŋu anyi ame miliɔn akpe 12. Esia gbɔ ame agbɔsɔsɔ si le anyigba dzi fifia ŋu miliɔn akpe 5 sɔŋ. Nu siwo gbɔ kuxia tso koŋue nye viɖe geɖe didi, afi si woɖoa nuɖuɖuawo ɖo kple bemalémale na agblemenukuawo.\nBritain kple United States\nGadzraɖoƒedɔwɔla kple gasitsala bibi siwo wobia gbee la dometɔ 24 le alafa me gblɔ be \"ahiã be yewoada dɔwɔsewo dzi alo ato mɔ fitifiti aɖe dzi be nu nadze edzi na yewo.\" Wo dometɔ 16 le alafa me gblɔ be ne ehiã be yewoada adzo ame kura gɔ̃ hã la, yewoawɔe \"ne womanya lé yewo o ko.\"\nArgentina\nLe Argentina la, nufiala 3 le 5 ɖe sia ɖe me biaa mɔ le dɔ me hetsia aƒe me le dɔa ƒe nuteɖeamedziwo loo alo ŋutasẽnuwɔwɔ siwo yia edzi le dɔa me ta.\nSouth Korea\nLe South Korea la, eteƒe madidi o ame akpa gãtɔ maganɔ aƒe me kple ame bubuwo o, ke boŋ ame ɖekaɖekawo ŋutɔwo ɖeɖe anɔ aƒe me.\nChina\nChina dziɖuɖua wɔ se yeye aɖe ku ɖe ale si woakpɔ ya nyui agbɔ le dukɔa me ŋu si adze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 2016 me. Gake amewo susui be dugã 2 le 3 ɖe sia ɖe me mate ŋu aɖo nudidi sia gbɔ o. Wokpɔe hã be tometsiwo \"meganyo na nono o alo be wogblẽ kura.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201303\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2018-03-23T07:43:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257648198.55\/warc\/CC-MAIN-20180323063710-20180323083710-00712.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989991784,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989991784095764}","num_words":236,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me,\nYesu na mɔfiame mí be:\nAfi sia afi si míayi la míadi\n'Me si'o le nyateƒea dim vevie.\nMíado gbe na 'me siwo le aƒea me;\nMíakpe ɖe ame siwo dze ŋu.\nNe ame aɖewo gbe nya nyuia sese,\nMíaʋuʋu ke le míaƒ'afɔ ŋu.\n2. Ame si'o xɔ mí la, xɔ Aƒetɔ la;\nMina míaɖo woƒe dzi gbɔ.\nNe dzi ƒe nɔnɔme nyui le wo si la,\nWoasubɔ kpli mí be woakpɔ'agbe.\nMíavɔ̃ le nya si míagblɔ ŋu gbeɖe o,\nMawu ŋutɔ akpe ɖe mía ŋu.\nDze nanɔ míaƒe nya me ne wòadze to\nBe ɖokuibɔbɔlawo nasee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/70-midi-ame-siwo-dze\/","date":"2018-03-21T17:15:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00234.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970129132,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970129132270813}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! November 2014 | Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavã\nAɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo le Biblia me àkpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ le agbe me. Xlẽ nu tso Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo ɖea vi godoo la dometɔ ene aɖewo ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpɔ Ecuador ƒe ave dodowo ta ƒe kpododonu kple nyaʋiʋli si yia edzi le Australia ku ɖe ame si gbɔ aƒemelã siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la anɔ ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe Biblia me nunya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ vavã le agbe mea? Nyati sia dzro Biblia me mɔfiame siwo ɖea vi ŋutɔ la me.\nNu ka tae blema Romatɔwo tua tsimɔwo? Nu ka tae wobua tsimɔwo be wonye aɖaŋudɔ wɔnukuwo?\nHELP FOR THE FAMILY\nNu kae nàwɔ nenye be viwò daa alakpa? Biblia me aɖaŋuɖoɖowo le nyati sia me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia nyateƒetoto ƒe vevienyenye viwò.\nAGBEMEŊUTINYA\nEsi Miklós Aleksza xɔ ƒe 20 la, edze afɔku dziŋɔ aɖe hezu wɔametɔ. Aleke Biblia kpe ɖe eŋu etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su esi?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nKpɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo kpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu wova le agbe dzadzɛ nɔm hele lãmesẽ me la ɖa.\nNu ka tae womegbugbɔ xɔ aɖe si le Hiroshima City le Japan si zu glikpo tso keke ƒe 1945 me la ɖɔ ɖo o? Xlẽ nu tso xɔ tɔxɛ sia kple ale si wòdo ƒome kple ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso nu si nàwɔ ne èlé blanuiléle vevie ŋu.\nNyuiwɔwɔ na ame bubuwo ɖea vi na wò le mɔ eve aɖewo ya teti nu. Woawoe nye kawo?\nSe aɖaŋu siwo hawòtiwo ɖo ku ɖe gazazã, edzadzraɖo kple ale si nàda asɔ le ganyawo gome ŋu la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201411\/","date":"2018-03-21T17:15:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00234.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982629418,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982629418373108}","num_words":308,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye ɖeko Biblia nye agbalẽ si bɔ wu bubu ɖe sia ɖe ko o, ke egade ŋgɔ wu le mɔ geɖe nu hã. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be, Biblia me nyawo ka mí. Ame siwo nɔ anyi le blema ƒe agbemeŋutinyawo le eme, eye eƒo nu tso woƒe nuwɔwɔ kple wo nɔewo kpakple kadodo si nɔ woa kple Mawu dome ŋu. Nufiame veviwo le ŋutinya siawo me na mí; woŋlɔ wo kple nya siwo gɔme sese le bɔbɔe ale be woate ŋu aɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me, eye amewo katã tea ŋu sea emenyawo gɔme le afi sia afi tso blema ke va de asi na egbea. Eye aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me la dzi wɔwɔ ɖea vi ɣeawokatãɣi.\nGawu la, le Biblia ƒe nya nu la, menye ɖeko wònye agbalẽ si ƒo nu tso Mawu ŋu o, ke enye agbalẽ si tso Mawu gb�� hã. Ena míenya Mawu ƒe ŋkɔ, ame si tututu wònye, kple eƒe tameɖoɖo matrɔmatrɔ si tae wòwɔ anyigba kple amegbetɔwo ɖo. Biblia ƒo nu tso nyui kple vɔ̃ ŋuti hoʋiʋli, si ka nuwɔwɔ nyanuwo katã, si dze egɔme tso blema ke la ŋu: enye ŋutinya wɔdɔɖeamedzi aɖe si ƒe nuwuwu anye dzidzɔ sɔŋ. Ne míetsɔ susu nyui xlẽ Biblia la, ana xɔse kple mɔkpɔkpɔ nasu mía si.\nMíake ɖe nya siwo míagate ŋu akpɔ le afi bubu aɖeke o la ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya nyateƒea ku ɖe nyawo abe esiwo gbɔna ene la ŋu:\nAle si míewɔ va dzɔ kple nu si tae míekpea fu\nNu si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea\nNu si Yesu wɔ na mí\nAle si etsɔme ava nɔ na anyigba kple amegbetɔwo\nÐe manyo be nàtsɔ ɣeyiɣi vi aɖe adzro nya siwo le axa siwo kplɔe ɖo la me be nànya nu si koŋ ŋu Biblia ƒo nu tsoe oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131001\/tso-biblia-%C5%8Bu\/","date":"2018-04-21T06:40:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00038.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992349148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992349147796631}","num_words":314,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Spaintɔwo va ɖo du si woyɔna egbea be El Salvador me anɔ abe ƒe 500 kloe nye esi va yi ene la, to si me tɔwo sɔ gbɔ wu le anyigba ma dzi la yɔa dua be Cuscatlán, si gɔmee nye \"Kpe Xɔasiwo Ƒe Anyigba.\" Egbea la, El Salvadortɔ akpa gãtɔ nye anyigba ma dzi vi dzidziwo kple Europatɔ siwo ʋu va tsi afi ma ƒe dzidzimeviwo.\nEl Salvadortɔwo nye dɔ sesẽ wɔlawo, wodoa vivi ɖe ame ŋu, wowɔ ame eye wobua ame hã ŋutɔ. Wodoa gbe na wo nɔewo bubutɔe be \"Buenos días\" (ŋdi na wò) alo \"Buenas tardes\" (ŋdɔ na wò) hafi dzea dzeɖoɖo gɔme alo gena ɖe nudzraƒewo. Gawu la, El Salvadortɔ siwo le kɔƒewo me kple du suewo me la bunɛ be enye amemabumabu be woato ame ŋu gbemadomadoe.\nNuɖuɖu siwo ŋu El Salvadortɔwo kpɔa dzidzɔ ɖo wu la dometɔ ɖekae nye pupusa. Nuɖuɖu sia nyea abolo aɖe si wotsɔ bliwɔ (alo mɔli) wɔ, si me wodea kesu (cheese alo fromage), ayi, halã kpakple nudonui bubuwoe. Zi geɖe la, wotsɔa timati tutu kple curtido, si wowɔna kple amagbe ƒomevi aɖe, sabala, karɔt kple vinegar si me nu ʋeʋĩwo le ɖunɛ. Togbɔ be dua me tɔ aɖewo zãa nuɖuhɛ kple gaflo tsɔ ɖua pupusa hã la, asi koŋue wotsɔ ɖunɛ.\nÈNYAA? Woyɔ El Salvador be dzotowo ƒe anyigba. Dzoto 20 kple edzivɔwoe le dua me, eye wo dometɔ aɖewo gawóna kokoko. Dzotowo ƒe wówowoe na be agakpe tsrala siwo le dzogoe ade me va dzɔ. Los Tercios Tsitsetse sina tsoa agakpe siawo tame.\nYehowa Ðasefo siwo wu 38,000 ye le El Salvador, eye wole hame siwo ade 700 me. Wofiaa Biblia ame 43,000 le Spaingbe, Eŋlisigbe kple El Salvador Tokunɔgbe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201403\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-el-salvador\/","date":"2018-04-20T09:40:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00150.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989005923,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989005923271179}","num_words":280,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu . . . Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.\"\n\"Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo ado eye woakplɔ ame geɖewo atrae; eye le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.\"\n\"Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo la, dzika megatso mia ƒo o; ele be nu siawo nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.\"\n\"Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo; eye woakpɔ nu dovoɖinamewo kple dzesi gãwo tso dziƒo.\"\n\"Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/biblia-nyagbl%C9%94%C9%96i-nuwu%C9%A3i\/","date":"2018-04-21T00:57:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00102.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999303937,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999303936958313}","num_words":180,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU FIA NU LE GBEDOXƆA ME\nAmewo va nya Yesu nyuie azɔ tso esime wòxɔ nyɔnyrɔ va de asi na fifia. Yudatɔ akpe geɖe kpɔ eƒe nukunuwo, eye eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti nya kaka ɖe nutoa katã me. Azɔ esi Agbadɔŋkekenyuia ɖuɖu ɖo edzi le Yerusalem la, ame geɖe di be yewoakpɔe.\nSusu vovovowo le amewo si ku ɖe ame si Yesu nye ŋu. Ame aɖewo gblɔ be: \"Ame nyui wònye.\" Ame bubuwo gblɔ be: \"Menye ame nyui aɖekee o. Ele ameha la flum.\" (Yohanes 7:12) Azãɖuɣia ƒe ŋkeke gbãtɔwo me koŋue nyaʋiʋli sia nɔ edzi yim le. Gake dzi menɔ ame aɖeke ƒo be wòaʋli Yesu ta le gaglãgbe o, le esi ame geɖe nɔ vɔvɔ̃m na ale si Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo awɔ nui ta.\nEsi azãa dze egɔme ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu va gbedoxɔa me. Nufiafia ƒe ŋutete wɔnuku si le esi la wɔ moyaa na ame geɖe. Esi Yesu mede rabiwo ƒe suku o ta la, Yudatɔwo tsi yaa hebia be: \"Aleke ame sia wɔ nya Ŋɔŋlɔawo, esi mesrɔ̃ nu le suku aɖeke o?\"—Yohanes 7:15.\nYesu ɖe eme be: \"Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe. Ne ame aɖe di be yeawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu la, anya nenye be nufiafia la tso Mawu gbɔ loo alo nye ŋutɔe le nu si mesusu la gblɔm.\" (Yohanes 7:16, 17) Yesu ƒe nufiafia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Sea, eya ta ele be woakpɔe adze sii kɔtɛ be Mawu ƒe kafukafu dim wòle ke menye eya ŋutɔ tɔ o.\nAzɔ Yesu gblɔ be: \"Menye Mose ye tsɔ Se la na mi oa? Gake mia dometɔ ɖeka pɛ hã mewɔa Se la dzi o. Nu ka tae miedi be yewoawum?\" Anɔ eme be ameha la me tɔ siwo nye amedzrowo la menya be amewo di be yewoawui o. Womese nu si tae ame aɖe adi be yeawu nufiala nyui sia tɔgbi la gɔme o. Eya ta woƒo nya ta be nane anya nɔ fu ɖem na Yesu si tae wògblɔ nya ma ɖo. Wogblɔ be: \"Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Ame kae di be yeawu wò?\"—Yohanes 7:19, 20.\nLe nyateƒe me la, ƒe ɖeka kple afã do ŋgɔ esi Yesu da gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Sabat dzi la, Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo di be yewoawui. Azɔ Yesu gblɔ nya aɖe si ana woabu tame la tsɔ klo nu le woƒe nuŋumabumabu nyuie la dzi. Eɖo ŋku edzi na wo be le Sea nu la, ele be woatso aʋa na ŋutsuvi le ŋkeke enyia gbe ne edze Sabat dzi gɔ̃ hã. Eyome ebia wo be: \"Ne wotsoa aʋa na ame le sabat dzi be woagada Mose ƒe Se la dzi o ɖe, ekema nu ka tae miedo dziku ɖe ŋunye vevie le esi meda gbe le ame aɖe ŋu le sabat dzi? Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.\"—Yohanes 7:23, 24.\nYerusalemtɔ siwo nya nu tso nya la ŋu gblɔ be: \"Menye ame sia dimee [dumegãwo le] be woawu oa? Ke kpɔ ɖa, ele nu ƒom le dutoƒo, evɔ womele nya aɖeke gblɔm nɛ o. Alo ɖe dumegãwo va dze sii azɔ be ame siae nye Kristo la?\" Ke nu ka tae ameawo mexɔe se be Yesu ye nye Kristo la o? Wogblɔ be: \"Míenya afi si ame sia tso; gake ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.\"—Yohanes 7:25-27.\nEnumake Yesu ɖo eŋu na wo le gbedoxɔa me be: \"Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso hã. Eye nyemeva le nye ŋutɔ ɖokuinye si o, ke boŋ Ame si dɔm ɖa la li ŋutɔŋutɔ, gake mienyae o. Nye ya menyae, elabena eteƒenɔlae menye, eye eyae dɔm ɖa.\" (Yohanes 7:28, 29) Nya ma si Yesu gblɔ eme kɔ la wɔe be wodi be yewoalée, ɖewohĩ be yewoadee gaxɔ me loo alo awui. Gake esia medze edzi o, elabena Yesu ƒe kuɣi meɖo haɖe o.\nKe hã, ame geɖe xɔ Yesu dzi se, eye esɔ nenema hã. Ezɔ tsi dzi, etsi ahom nu, etsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo nyi ame akpewo nukutɔe, eda gbe le dɔnɔwo ŋu, ena bunɔwo zɔ azɔli, eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eda gbe le anyidɔlélawo ŋu, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Ɛ̃, esɔ be wobia be: \"Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunu gãwo wu esiwo wɔm ŋutsu sia lea?\"—Yohanes 7:31.\nEsi Farisitɔwo se ameha la le nya siawo gblɔm la, wo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woalé Yesu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/agbad%C9%94%C5%8Bkekenyui\/","date":"2018-04-25T01:16:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947654.26\/warc\/CC-MAIN-20180425001823-20180425021823-00120.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987585545,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987585544586182}","num_words":734,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esta ɖe xɔse sẽŋu kple dzinɔameƒo fia esime wònɔ Mawu ƒe amewo ta ʋlim\nWoate ŋu awui ne eyi fia ŋkume evɔ womeyɔe hafi o. Ŋkeke 30 va yi gake fia la mekpe Esta be wòava ye ŋkume o\nDzi kua Fia Ahasweros si wosusu be eyae nye Xerxes I la vevie. Ɣeaɖeɣi la eɖe gbe be woafe ame aɖe me ɖe eve ahatsɔ eƒe kukua aɖo agbae be wòanye nuxlɔ̃ame na ame bubuwo. Enya Wasti hã be wòaganye fianyɔnu azɔ o\nEle be Esta nagblɔ na fia la be Yudatɔe yenye, eye wòana fia la nanya be ame si nye eƒe aɖaŋuɖola si dzi wòkana ɖo la flui","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb29-mar6\/fiany%C9%94nu-esta-biblia\/","date":"2018-04-27T01:14:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125948738.65\/warc\/CC-MAIN-20180427002118-20180427022118-00637.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996800423,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996800422668457}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe sia ƒe la, míetaa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn alafa geɖe hemaa wo. Míetua alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo ɖe dukɔ vovovowo me hekpɔa dɔ siwo yia edzi le teƒe mawo la dzi. Hame akpe geɖe kpena le tadeaguƒe siwo nya kpɔ gake womeɖo atsyɔ̃ na wo fũu o, siwo míeyɔna be Fiaɖuƒe Akpatawo la me. Afi kae míekpɔa ga le na esiawo katã wɔwɔ?\nLɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koe míezãna tsɔ doa alɔ dɔ siawo. (2 Korintotɔwo 9:7) Le ƒe 1879 me la, wogblɔ le magazine sia ƒe tata evelia me be: \"Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na 'Zion's Watch Tower' la [si nye ale si woyɔa magazine sia ɣemaɣi], eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o.\" Míegakpɔtɔ lé nya ma me ɖe asi kokoko.\nMía dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu ɖoa eƒe gadzɔdzɔwo ɖe míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖe sia ɖe tẽe alo tsɔnɛ dea nudzɔɖaka si le Fiaɖuƒe Akpata me la me. Ke hã míexɔa nu ewolia alo dzɔa ga le amewo si o, eye míekaa ga na amewo be woaxe ɖe míaƒe agbalẽwo alo Biblia-fiafia wo ta o. Womexea fe na mí be míaɖe gbeƒã, afia nu le hamea me, alo akpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu ŋu o. Nu ka tae? Elabena Yesu gblɔ be: \"Faa miexɔe, faa minae.\" (Mateo 10:8) Ame siwo katã wɔa dɔ le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kpakple míaƒe dɔwɔƒegãa, siwo dome Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔwo hã le la, nye mawudɔwɔla siwo womexea fe na o.\n\"Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna doa alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo katã, ame sia ame kple home si wòɖo be yeadzɔ kple zi ale si wòanɔ 'edzɔm.'\"\nMíezãa ga si míedzɔna la ƒe ɖe tsɔ kpena ɖe ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo la ŋu. Dzidzɔe wònye na blema Kristotɔwo be yewoakpe asi ɖe kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi vɔ̃ dzɔ ɖo la ŋu. (Romatɔwo 15:26) Nenema kee míawo hã míewɔna ne afɔkuwo dzɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi. Míegbugbɔna tua woƒe aƒewo kple tadeaguƒewo, eye míenaa nuɖuɖu kple nudodo wo hewɔa atike na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/yehowa-%C9%96asefo-ga\/","date":"2018-04-22T19:55:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00052.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980851412,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980851411819458}","num_words":340,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wòsesẽ na wò kpɔ be nàɖe gbeƒã? Mía dometɔ geɖe aɖo nya ma ŋu be ɛ̃. Nu ka tae? Ðewohĩ amewo metsɔa ɖeke le eme o loo alo tsia tre ɖe mía ŋu le míaƒe anyigbamamaa me alo míevɔ̃na be míaƒo nu na ame siwo míenya o. Nyateƒeae nye be nu siawo ate ŋu ana dzi madzɔ mí o. Ke hã, Mawu dzidzɔtɔ la di be míasubɔ ye kple dzidzɔ. (Ps 100:2; 1 Ti 1:11) Nu etɔ̃ kawoe akpe ɖe mía ŋu be gbeƒãɖeɖedɔa navivi mía nu?\nGbãa, míeɖea gbeƒã gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame. Togbɔ be mɔkpɔkpɔ le bubum ɖe amewo egbea hãa, míate ŋu ana \"nu si nyo wu ŋuti nya nyui\" la nayɔ amewo ƒe dzi me. (Yes 52:7) Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ate ŋu ana dzi nadzɔ míawo hã. Hafi nàyi gbea dzi la, de ŋugble le yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ na mí le anyigba dzi la ŋu.\nEvelia, nya nyui si míeɖea gbeƒãe la ɖea vi na amewo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Amewo srɔ̃a ale si woatsri agbe baɖa nɔnɔ eye wonɔa mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee. (Yes 48:17, 18; Ro 1:16) Ele be míakpɔ mía ɖokuiwo abe ameɖela siwo le ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me ɖem la ene. Togbɔ be ame aɖewo medi be woaɖe yewo o hãa, míeyia edzi dia ame siwo di be woaɖe yewo la.—Mt 10:11-14.\nEtɔ̃lia si nye vevitɔ wu lae nye be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dea bubu Yehowa ŋu. Mawu dea asixɔxɔ gã aɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Yes 43:10; Heb 6:10) Gakpe ɖe eŋu la, enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí faa be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔa. Eya ta ɖe kuku na Yehowa be wòana dzidzɔ, si nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse la wò. (Ga 5:22) Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míaɖu vɔvɔ̃ dzi eye míaɖe gbeƒã kple dzideƒo. (Dw 4:31) Ekema aleke kee amewo ɖawɔ nu ɖe mía ŋu le anyigbamama me o, dzi adzɔ mí le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Eze 3:3.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE NUSƆSRƆ̃ KPLE ŊUGBLEDEDE NENA NÀGAKPƆ DZIDZƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu ka tae wòle be nusɔsrɔ̃ nanye nu vevitɔ na mí nenye be míezãa gaƒoƒo geɖe tsɔ ɖea gbeƒã ɣleti sia ɣleti gɔ̃ hã?\nMɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ Maria le?\nƔekaɣie nèdea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu?\nNu kae naa dzi dzɔa wò ne èle gbeƒã ɖem nya nyuia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june19-25\/dzi-nedz%C9%94-w%C3%B2-%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-%C5%8Bu\/","date":"2018-04-21T06:35:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00488.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997151792,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997151792049408}","num_words":388,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2013\nNyati sia ku ɖe ame aɖewo siwo ŋkɔ Biblia yɔ siwo ɖe xɔse kple dzideƒo fia ŋu.\nAleke nya si wobia ƒome aɖe le vo me la ʋã wo woyi ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe hiã le wu?\nXɔse kple dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu si Yosua, Yehoyada, Daniel kple ame bubuwo ɖo la ate ŋu aɖe vi na wò.\nKpɔ ale si nàte ŋu awɔ tiatia nyuiwo ku ɖe dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe kple wò ƒomea ŋu.\nAleke míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu eye míada asɔ le elektrɔnikmɔ̃wo kple lãmesẽnyawo me ahaƒo asa galɔlɔ̃ kple dada?\nApostolo Paulo wɔ vodada gãwo kple tiatia siwo me nunya le la siaa. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?\nMɔ kawo nue hamemetsitsiwo kpena ɖe nɔviwo ŋu le be dzi na dzɔ wo le Mawu subɔsubɔ me?\nKpɔ ale si nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si le Chile ku kutri ma wɔna tɔxɛ aɖe ƒe amekpegbalẽvi na ame siwo katã doa Mapudungun le eƒe suku.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130115\/","date":"2018-04-20T09:40:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982649684,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982649683952332}","num_words":167,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexemeʋa Gbãtɔ ke le November 11, 1918 dzi. Amewo tu woƒe dɔwɔƒewo, eye woɖu ɣe le ablɔwo dzi. Gake aseyetsotsoa menɔ anyi eteƒe didi o. Xexemeʋa la ƒe keke kple makemake ko dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe va wu ame geɖe wu ame siwo ku le tukpewo nu.\nDɔvɔ̃ sia si wona ŋkɔe be Spaniatɔwo ƒe dzamezã la dze asrafowo dzi le aʋagbedzi le France, le June 1918 me, eye wòwu ame geɖe. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ale si gbegbe wònye dɔvɔ̃ wuamee la va dze kɔtɛ. Le kpɔɖeŋu me, le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me la, Amerika-srafo siwo dɔvɔ̃a wu le France la sɔ gbɔ wu esiwo ku le futɔwo si me. Esi aʋaa ke eye asrafowo gbɔ va aƒe la, dɔlékuia nɔ wo ŋu wotsɔ yi aƒe, si wɔe be dɔvɔ̃a kaka ɖe xexea me godoo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.\nDɔwuame kple ganyawo ƒe sesẽ ɖe kpe na amewo le ƒe siwo kplɔ aʋaa ɖo la me. Dɔ nɔ Europatɔ geɖe wum esime aʋaa ke le ƒe 1918 me. Kaka ƒe 1923 naɖo la, asixɔxɔ aɖeke megava nɔ Germanytɔwo ƒe ga si woɖuna ŋu o. Ƒe ade megbe la, ganyawo gblẽ le xexea me godoo. Eye mlɔeba le ƒe 1939 me la, xexemeʋa evelia fe ati. Le mɔ aɖewo nu la, enye xexemeʋa gbãtɔ ƒe dziyiyi. Ame kae nɔ megbe na xexemekuxi mawo katã?\nŊKEKE MAMLƐAWO ƑE DZESI LA\nBiblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya nu si le megbe na xexemenudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo, eye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Xexemeʋa Gbãtɔ. Yesu Kristo gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava, si me \"dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu,\" nuɖuɖu ave, eye dɔvɔ̃wo awu amewo le anyigbaa ƒe teƒeteƒewo. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:10, 11) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be nudzɔdzɔ dziŋɔ mawo anye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi. Esia ŋuti numeɖeɖe bubuwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, eye wòɖee fia be aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo lae na xaxa siawo va anyigba dzi.\nBiblia-gbalẽ sia me kee woƒo nu tso sɔdola ene, siwo ame aɖewo yɔna be Nyaɖeɖefia-gbalẽa me sɔdola eneawo, ŋu le. Sɔdola ene siawo dometɔ etɔ̃ le tsitre ɖi na nudzɔdzɔ siwo tututu Yesu gblɔ ɖi be woava dzɔ, siwo nye aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔvɔ̃wo. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye \"Ðe Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Sɔdola Eneawo Ŋu La Le Eme Vam Vavã?\") Eme kɔ ƒãa be xexemeʋa gbãtɔ lae nye nɔnɔme sesẽ siwo le edzi yim va de asi na egbea la ƒe gɔmedzedze. Eye Biblia ɖee fia be Satana ye le megbe na nu siawo katã. (1 Yohanes 5:19) Ðe woava xɔ ŋusẽ le esi gbe ɖeka?\nNyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ka ɖe edzi na mí hã be \"ɣeyiɣi vi aɖe koe\" le Satana si. (Nyaɖeɖefia 12:12) Esia tae dzi le ekum ŋutɔ eye wòle fukpekpe manyagblɔ hem va anyigbadzitɔwo dzi ɖo. Gake fukpekpe mawo ke gaɖoa kpe edzi be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na Satana.\nWOAGBLẼ ABOSAM ƑE DƆWƆWƆWO ME\nNudzɔdzɔ ɖedzesi aɖee Xexemeʋa Gbãtɔ nye le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me vavã. Ehe dzidzime aɖe si me dukɔ blibowo kpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu le la vɛ, womu dziɖuɖuwo ƒu anyi, eye womegakana ɖe dziɖuɖumegãwo dzi o. Eganye kpeɖodzi sẽŋu be wonya Satana le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:9) Eye xexemedziɖula makpɔmakpɔ sia wɔa nu abe ŋutasẽdziɖula aɖe si nyae kɔtɛ be esusɔ vie woaɖe ye ɖa le zi dzi la ene. Ne ɣeyiɣi si susɔ nɛ la wu enu la, ekema nɔnɔme sesẽ siwo katã me tom ameƒomea le tso Xexemeʋa Gbãtɔ dzi la hã awu enu mlɔeba.\nBiblia me nyagblɔɖiwo me vava ate ŋu ana kakaɖedzi wò be míaƒe Fia Yesu Kristo, si le dzi ɖum le dziƒo la, 'agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me' kpuie. (1 Yohanes 3:8) Fifia gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖewo doa gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava. Wò hã èdoa gbe ɖa nenema? Dzidzɔtɔe la, Fiaɖuƒe ma ana nuteƒewɔlawo nakpɔ eteƒe woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, ke menye Satana ƒe lɔlɔ̃nu o. (Mateo 6:9, 10) Le Mawu Fiaɖuƒea te la, womagase aʋawɔwɔ ŋkɔ kaka wòayi xexemeʋa nye ge o! (Psalmo 46:10) Srɔ̃ nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu fifia be nànɔ agbe akpɔ ale si ŋutifafa ava xɔ anyigba dzii la teƒe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140201\/xexeme%CA%8Ba-kple-fukpekpewo\/","date":"2018-04-19T21:44:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937045.30\/warc\/CC-MAIN-20180419204415-20180419224415-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990749955,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990749955177307}","num_words":679,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŊKƆ si amewo yɔna na Nicaragua edziedzie nye tawo kple dzotowo ƒe anyigba. Le dukɔ siwo le Titina Amerika me la, Nicaragua ye ta gãtɔ kekeake si woyɔna be Nicaragua Ta la le. Nutoa me tɔwo yɔnɛ be Cocibolca si gɔmee nye \"Atsiaƒu Vivi La.\" Tɔdomekpo alafa geɖewo le ta gã sia me, eye eya koe nye ta si me dze mele o si me woate ŋu akpɔ ƒumelãwo abe agblolui, dayi, kple tarpon ene le.\nNuto saɖeaga siwo le Titina Amerika la dometɔ ɖeka le Nicaragua—si woyɔna be Muƒuta (Mosquito Coast). Eƒe didime kple kekeme nye agbadroƒe 40 (65 km), ele Nicaragua ƒe ɣedzeƒekpa dzi, eye wòva do ɖe dukɔ Honduras me. Miskito (enye Mosquito ƒe ŋɔŋlɔ bubu) nye nutoa me nɔlawo ƒe hatsotsowo dometɔ ɖeka, eye wole afi ma do ŋgɔ na Europatɔwo ƒe vava le ƒe alafa 16 lia me.\nƑomedodo kplikplikpli le Miskitotɔwo dome, eye dekɔnu tɔxɛ aɖewo hã le wo si. Le kpɔɖeŋu me, nya aɖeke meli na \"Aƒetɔ\" alo \"Aƒenɔ\" le Miskitotɔwo ƒe gbe me o. Le kɔƒenutowo me la, ɖeviwo yɔa ame tsitsiwo be \"Tɔɖi\" alo \"Nɔɖi\" metsɔ le eme be amea nye eƒe ƒometɔ alo menyee o. Kɔnu xoxo aɖe si le Miskitotɔwo sie nye be ne nyɔnu aɖe le gbe dom na exɔlɔ̃ kplikplikpliwo alo ƒometɔwo la, etsɔa eƒe alɔgo kaa ame si wòle gbea dom na la tɔ ŋu. Emegbe ame si le gbea dom gbɔa ya yia eme to ŋɔtime.\nYehowa Ðasefowo ta agbalẽ kple agbalẽ gbadza siwo ɖe Biblia me ɖe Mayangna kple Miskito gbe me","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201509\/nicaragua-nu-%C9%96edzesiwo\/","date":"2018-04-19T13:30:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125936969.10\/warc\/CC-MAIN-20180419130550-20180419150550-00108.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989405274,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989405274391174}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.314,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÀWƆ?\nKpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: David le ʋu kum va ɖo nuto aɖe si menya o la me. Elé ŋku ɖe dzesi siwo le mɔa dzi ŋu eye wòde dzesii be menye afi mae wòle be yeanɔ ɣemaɣi hafi o. Azɔ hafi wòva de dzesii be ɖe yebu mɔ. Ewɔ abe edze to mɔ bubu le mɔa dzi ene.\nNe wòe nye David ɖe, nu kae nàwɔ?\nTƆ NÀBU EŊU KPƆ!\nÀte ŋu awɔ nu siwo gbɔna:\nA. Àbia mɔ ta se.\nB. Àkpɔ anyigbatata dzi alo azã GPS-mɔfianu.\nD. Àku ʋua anɔ yiyim kple susu be yeava ke ɖe mɔa ŋu le ye ɖokui si.\nEdze ƒãa be Tiatia D maɖe vi boo aɖeke na wò o.\nTiatia B ya ade dziwò wu gbãtɔa le go aɖewo me. Elabena anyigbatata alo GPS-mɔfianua anɔ asiwò nànɔ zazãm le mɔzɔzɔ bliboa me.\nBiblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ ma ke nu!\nAgbalẽ sia si womana wu le xexea me godoo la\nate ŋu afia mɔ wò le wò kuxiwo me\nate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ɖokuiwò eye akpe ɖe ŋuwò nàzu ame ɖɔʋu wu\nate ŋu afia ale si nànɔ agbe si me dzidzeme le la wò\nAGBEMEBIABIA VEVIWO ƑE ŊUÐOÐOWO\nNe míenya dze nuƒoƒo gɔme ko la, míetea nyabiabia.\nNu ka tae dziŋgɔlia le blɔ?\nNu kae naa ɣletiviwo nɔa keklẽm?\nEmegbe míetea nyabiabia tso agbemenudzɔdzɔwo ŋu.\nKe ne ŋuɖoɖoawo le Biblia me tso gbe aɖe gbe ke ya ɖe?\nAme geɖe gblɔna be gliwo kple nyakpakpawo sɔŋ koe le Biblia me. Wogblɔna be Biblia me nyawo do xoxo alo wo gɔme sese sesẽ akpa. Gake Biblia ŋutɔ ŋue kuxia le loo, alo nya siwo amewo gblɔna tso eŋu wosena lae nye kuxia? Ðe wòanye be ɖe woble woa?\nAmewo susuna be Biblia gblɔ be Mawue le xexea dzi ɖum. Gake nyateƒee nya ma nyea? Xexea me katã tɔ zi! Eme yɔ fũu kple vevesese, fukpekpe, dɔléle, ku, ahedada kple afɔkuwo. Aleke wòate ŋu adzɔe be Mawu lɔ̃ame nana nu siawo nanɔ dzɔdzɔm?\nÀdi be yeanya ŋuɖoɖoa? Awɔ nuku na wò ne èse nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu.\nÀnya de dzesii be Biblia dzie wotu aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ sia me la ɖo. Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le lae le Biblia me. Elabe \"Mawu ƒe gbɔgbɔ me\" ye Biblia tso eye \"wònyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.\" (2 Timoteo 3:16, 17) Ade dziwò ŋutɔ ne èdzro blemagbalẽ sia si me nyawo sɔ na mí egbea ŋutɔ la me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo-nya\/aleke-biblia-ate-%C5%8Bu-akpe-%C9%96e-%C5%8Bunye\/","date":"2018-04-23T15:26:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00522.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991083145,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991083145141602}","num_words":423,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nSe si le aƒea mee nye be ame aɖeke mekpɔ mɔ azã asitelefon ne eƒo zã ga 9 o, gake le kwasiɖa sia me la, èlé viwònyɔnuvia zi eve wònɔ nu ŋlɔm na amewo le asitelefon dzi le zãtiƒe. Ede se na viwò be negbɔ va aƒe me hafi wòaƒo zã ga 10, gake etsɔ si va yi la, eƒo zã ga 11 to eŋu hafi wògbɔ.\nViwò ƒewuivia ƒe nya medzɔ ya o. Gake ehiã be nànya nu si tae mewɔ sea dzi o. Dzidzɔnyae nye be togbɔ be adze abe ɖe wòɖoe koŋ dze aglã ene hã la, anɔ eme be menye ŋkubiãnya nenema gbegbe o.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nSedede siwo me mekɔ tututu o. Ƒewuivi aɖewo daa se dzi kple susu be yewoakpɔe ɖa be woahe to na yewo vavã hã. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilaa gblɔ be yeahe to na via ƒewuivi ɖe nu gbegblẽ aɖe ta la, ɖevia ate ŋu aɖoe be yeawɔ nu si wògbe na ye la kpɔ be ahe to na ye nyateƒe mahã. Ðe wòfia be ƒewuivi ma zu vi sẽto? Mefia nenema kokoko o. Nyateƒeae nye be enɔa bɔbɔe be ƒewuiviwo nada se dzi ne wokpɔe be yewo dzilawo ƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, alo sededea me mekɔ tututu o.\nSe gbogbowo. Dzila aɖewo dea se gbogbo aɖewo na wo vi ƒewuiviwo be yewoatsɔ axe mɔ na wo be womagawɔ nu gbegblẽ o. Ne ɖeviawo da seawo dzi la, wo dzilawo gadea se bubuwo kpenɛ. Gake zi geɖe la, ɖeko esia gagblẽa nyaa ɖe edzi. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ƒewuiviwo kple wo dzilawo ŋu gblɔ be: \"Zi ale si nèle agbagba dzem be yeaxe mɔ nɛ la, zi nenemae wòagasẽ to ɖe edzie.\" (Parent\/Teen Breakthrough) Ðeko esia wɔwɔ le abe tsikɔkɔ ɖe kpe dzi ene, maɖe vi aɖeke o.\nAmehehe si sɔ la ɖea vi. Nu si koŋ \"amehehe\" fiae nye be woafia nu ame, eye eto vovo na \"tohehe,\" si fia be woana ame nase veve. Ke aleke nàte ŋu afia viwò be woawɔ ɖe wò gbe dzi?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nWò sededewo me nekɔ. Gblɔ nu si tututu nèdi be ƒewuivia nawɔ kple to si nàhe nɛ ne mewɔ ɖe edzi o la nɛ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Galatiatɔwo 6:7.\nAɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ se siwo nède la ɖe agbalẽ me. Azɔ bia ɖokuiwò be: 'Ðe seawo sɔ gbɔ akpa? Ðe wole ʋɛe akpa? Ðe wo dometɔ aɖewo megahiã oa? Ðe wòhiã be mawɔ asitɔtrɔ le nye sedede aɖewo ŋu le ale si vinye ƒewuivia le agbagba dzemee la nua?'\nWò nyawo neto mɔ ɖeka. Ƒewuiviwo tɔtɔna ne wowɔ nane kwasiɖa si va yi wozi kpi kpɔ wo, evɔ wova he to na wo le kwasiɖa sia me esi wogawɔ nu ma tɔgbi.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Mateo 5:37.\nAɖaŋuɖoɖo: Na tohehea nasɔ ɖe \"nu gbegblẽ\" si wòwɔ la nu. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖo game si wòle be viwò nagbɔ tso gbɔdome nɛ gake wòda le edzi la, ke na wòagbɔ kaba wu tsã.\nSe nu gɔme nɛ. Na viwòa nakpɔe be dzila si ƒe nya me mesẽ akpa o lae nènye to ablɔɖe geɖe wu nanɛ me ne edze nɛ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Filipitɔwo 4:5.\nAɖaŋuɖoɖo: Wò kple viwò ƒewuivi minɔ anyi míadzro sededeawo me ɖekae. Àte ŋu ana eya ŋutɔ nagblɔ to si woahe nɛ ne eda se aɖewo dzi la gɔ̃ hã. Ne ƒewuiviwo ŋutɔ hã le me hafi wode sea la, edziwɔwɔ nɔa bɔbɔe na wo.\nKpe ɖe eŋu wòatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Menye wò taɖodzinua koe nye be nàna wòawɔ ɖe wo sededewo dzi o, ke boŋ kpe ɖe eŋu be dzitsinya nyui nasu esi, si ana wòate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Kpɔ aɖaka si nye \"Kpe Ðe Eŋu Wòatu Nɔnɔme Nyuiwo Ðo.\")—Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Petro 3:16.\nAɖaŋuɖoɖo: Di kpekpeɖeŋu tso Biblia me. Bibliae nye teƒe nyuitɔ kekeake si nàkpɔ \"amehehe, si fiaa gɔmesese ame\" le, eye eƒe nunya ate ŋu ana \"gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201305\/na-hehe-viw%C3%B2-%C6%92ewuivi\/","date":"2018-04-23T18:38:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946120.31\/warc\/CC-MAIN-20180423164921-20180423184921-00008.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984329939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998432993888855}","num_words":657,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Naidzeria enye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Edo liƒo kple Benɛ̃ le eƒe ɣetoɖoƒe kpadzi, Tsyadi kple Kamerun le eƒe ɣedzeƒe lɔƒo,kple Nidzɛ le eƒe dzigbe. Aƒu si woyɔna be Gulf of Guinea la le eƒe anyigbe lɔƒo. Nigeria ƒe dugã enye Abuja. Gbe si wogblɔna le dɔwɔƒewo enye Eŋlisigbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-22","url":"https:\/\/www.know.cf\/enciclopedia\/ee\/Naidzeria","date":"2018-05-26T23:29:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-22\/segments\/1526794867949.10\/warc\/CC-MAIN-20180526225551-20180527005551-00561.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9897004366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.989700436592102, \"ajg_Latn_score\": 0.010319411754608154}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.296,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.984,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Ɣeaɖeɣi la, Fiaɖuƒenya la nɔ ɣaɣla.\nFifia woɖe dzidzimevia ŋu nya la fia.\nNublanuikpɔkpɔ kple dzɔdzɔenyenye na be\nMawu kpɔ nu vɔ̃ nɔnɔme si me míele.\nEɖo tame be Via naɖu anyigba dzi.\nNe ɣeyiɣia de la,\nFiaɖuƒe la aɖu dzi.\nAkplɔ Via ƒe ŋugbetɔ la ava egbɔ;\nAme tiatiawo ƒe ha sue la ŋu woakɔ.\n2. Wogblɔ nya nyui si míele gbeƒã ɖem la ɖi.\nMa'u ɖoe be yeaɖee fia le ɣeyiɣi sia dzi.\nDzi dzɔa mawudɔlawo be wowɔa dɔ la,\nKpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒea.\nDɔdeasi kple bubue wònye na mí egbea\nBe míadzi ha akafu\nMawu ƒe ŋkɔ gã la.\nEƒe ŋkɔ si le mía ŋu la nye bubu gã;\nNya nyui mavɔ si míele gbeƒã ɖem la hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/66-mi%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3-nya-nyui-mav%C9%94-la\/","date":"2018-06-19T15:10:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972016215,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972016215324402}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ɖeɖe\nA - Srɔ̃ɖeɖe vavãtɔ:\n-\nAsididi tso ɖevime\nNyɔnuvi tso keke eƒe ɖevi me ke wotsɔnɛ na ŋutsu aɖe be, wòaɖe. Asidiŋutsu la,\nnenye be ƒe trɔ la, adɔ ŋutsuwo abe blaatɔ̃ ene, be woayi aɖawɔ dɔ na nyɔnuvi la ƒe ƒomea. Ne ƒe gatrɔ ke la, wogaŋlɔ̃nɛ na nyɔnuvi la nenema.\nNe nyɔnuvi la va atsuƒe la, ekema ŋutsu la tsɔa ga nɛ wòƒlea xɔmenuwo abe ze, koloe, tsi kple nu kuklui geɖewo ene. Le nuawo ƒeƒle megbe la, nyɔnuvi la ʋuna yia srɔ̃a gbɔ keŋkeŋ. Vinɔ la xlɔ̃a nu via nyɔnuvi la bena yeɖe asi le eŋu na srɔ̃a egbe, ne wòanɔ egbɔ kpo, megawɔ dzre kplii o. Ne ŋutsu la nyrã la, megaƒo nu geɖe o. meganɔ asike dom o, elabena ku le asikedodo me. Ne ame aɖe dzui la, neto egbɔ yi kpoo. Ne megade nu eme nɛ o. Yeme le didim be, yease nya aɖeke o, eya ta yefia nuwoe ɖo.\nKadodo si wonɔa dodom na nyɔnuwo la, nu le yiyim; blewublewu la, megale anyi nɔ ge o. Egbegbe la, ne ɖevi aɖe tsi ko la, ekema ŋutsu la va kplɔnɛ yina egbɔɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/k-nuwo\/93-sr-e-e","date":"2018-06-24T23:53:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267867304.92\/warc\/CC-MAIN-20180624234721-20180625014721-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990472794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990472793579102}","num_words":187,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kese aɖe kpɔ afɔkpa\nKese aɖe kpɔ Afɔkpa vuvua ɖe le Gbeme, eye wòɖe hũ hegblɔ be: Ehẽ Afɔkpae nye esi !\nZi nenie nye esi mekpɔ Amewo do Afɔkpa hele yiyim prao-prao fiatɔe. Ele dzroyem xoxo. Egbela nye hã maate edodo akpɔ kokoko! Ɖe nɔvinyewo akpɔm la, aleke gbegbe wòawɔ nuku na woe. Ale kese tra afɔ ɖe afɔkpa la me xaa. Kasia gbe de asi ʋaʋã me. Adela nye esi va do. Dzidzi ƒo kese la. Edi be yeaɖe afɔkpa la alia ati kaba, gake meteŋui o, elabena afɔkpa-dodo memãe o. Ale kese tsi anyi kplanyaa eye adela va lée.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo\/133-kese-a-e-kp-af-kpa","date":"2018-06-25T00:12:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267867304.92\/warc\/CC-MAIN-20180624234721-20180625014721-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948441982,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9948441982269287}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŊGƆDONYA\nŊGƆDONYA\nLe dɔa wɔwɔ me la, wotsɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔwo fia mawunyanyalawo, gbegbɔgblɔ ŋuti nunyalawo kple Kristotɔ vovovowo, eye woto wo me, na woƒe susuwo. Ke tɔtrɔ ɖe sia ɖe si wowɔ la, woka ɖe edzi be esɔ ɖe Hebrigbe kple Helagbe me Nya Nyui la dzi tututu.\nEʋe Biblia si gɔme woɖe yeyee la, wodze egɔmeɖeɖe gɔme do ŋgɔ na ƒe 1860 wota Nubabla Yeye la zi gbãtɔ le ƒe 1877 me, eye wodzro eme hegbugbɔ ta le ƒe 1898 kple 1913 me. Le 1914 me la, wota Biblia blibo la le London. Ke le Xexemeʋagã gbãtɔ ta, 1919 me hafi wòva ka exlẽlawo si le Afrika. Le 1929 kple 1931 me la, wogbugbɔ Biblia la me to, wɔ ɖɔɖɔɖowo. Esia nye gɔmeɖeɖe si nɔ mía si do ŋgɔ na yeye sia.\nLe ƒe siwo kplɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔ sia ɖo me la, mawunyagɔmekuku kple gbegbɔgblɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ he nu yeye geɖewo ɖe go. Wofɔ ŋɔŋlɔ xoxo geɖe siwo do ŋgɔ na esiwo dzi wotu gɔmeɖeɖe gbãtɔ ɖo la. Hebrigbe kple Helagbe siwo wotsɔ ŋlɔ Biblia lae la gɔmesese gadzi ɖe edzi, eye gbegbɔgblɔ gɔmeɖeɖe ŋuti nunya hã gakeke ta ɖe edzi. Gawu la, edze ƒãa be Eʋegbe si le gɔmeɖeɖe xoxoa ƒe akpa aɖewo la me menyasena tututu o. Nu siawo katã wɔe be woagbugbɔ Biblia la gɔme aɖe yeyee. Gɔmeɖeɖe yeye sia nye agbagbadzedze allde le dɔ vevi sia ŋu. Ke enye tutuɖedzi ko. Kristotɔwo ƒe dɔ vevi wònye be woanɔ ŋku lém ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ŋu, eye woaɖe egɔme tso Biblia xoxo akuakuawo me ɖe mía degbe si gɔme amewo se nyuie la me. Eya ko hafi míate ŋu ase Nya nyui la gɔme nyuie, eye míanɔ agbe ɖe enu.\nNu yeye ɖekaɖeka aɖewo le gɔmeɖeɖe yeye sia me. Gbã la, woŋlɔ kpɔkplɔyiɖeme kpui aɖe na agbalẽ ɖe sia ɖe, eye wona emenyawo ƒe tòtoɖeme. Míele mɔ kpɔm be esia akpe ɖe agbalẽxlẽla la ŋu, be wòate ŋu alé nyaawo ɖe ta me bɔbɔe. Evelia, woma taawo kple nyaxexlẽawo ɖe tanya vovovowo te bene nya vevi siwo le nyadzɔdzɔ kple susu ɖeka nu la nadze ƒãa. Woŋlɔ Biblia ƒe akpa bubu siwo ŋutinya alo nya tɔxɛ aɖe le la ɖe tanya la te be woate ŋu adii, ake ɖe eŋu kaba. Etɔ̃lia, wode nya siwo mele mawunyagbalẽ xoxo gbãtɔwo katã me o la kpɔtɔtɔdzesi sia [...] ƒomevi me. Enelia, woɖe nya tɔxɛ aɖewo gɔme, alo kɔ gɔmeɖeɖe tovovowo ŋuti ɖe axa la te. Esia ana be Biblia me dzodzro nanɔ bɔbɔe, eye woase nu si ta wowɔ gɔmeɖeɖe bubu aɖe ŋu dɔ le gɔmeɖeɖe yeye sia me. Atɔ̃lia, woɖe Biblia me ŋkɔ kple nya tɔxɛ siwo gɔmesese mele bɔbɔe o la me ɖe agbalẽa ƒe nuwuwu. Mlɔetɔ, wode nɔnɔmetata kple anyigbatata aɖewo gɔmeɖeɖe sia me, be woakpe ɖe nyaxlẽla ŋu wòate ŋu akpɔ nu siwo va me kple teƒe siwo wova me le la le eƒe susu me.\nOrder Now\nAgbalẽxlẽlawo nadze agbagba awɔ kpeɖeŋunu vovovo siawo ŋu dɔ bene woase Nya Nyui la gɔme nyuie.\nBibliagɔmeɖedɔ sia mebɔbɔ kura o, eye míexɔ se be mevɔ hã haɖe o. Kristoe nye gɔmeɖokpe la. Ɖeko míele tutum ɖe gɔmeɖokpe sia kple esi ŋgɔdolawo tu xoxo la dzi.\nWoada akpe vavãtɔ na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo si nye míawo hã mía Fofo la, be ena mɔnukpɔkpɔ Eʋeawo hã be woagaxlẽ eƒe Agbenya la yeyee. Neve mía nu be míakpɔ viɖe mavɔ le gɔmeɖeɖe yeye sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-30","url":"http:\/\/ewe.bible\/","date":"2018-07-23T15:36:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-30\/segments\/1531676596542.97\/warc\/CC-MAIN-20180723145409-20180723165409-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986076951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":11,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986076951026917}","num_words":561,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"http:\/\/www.youtube.com\/watch?v=7RuzW4ts1A8\nMeka ɖe dzi be ha sia aƒo eye emenyawo ade dzi ƒo na mí katã be nyateƒe \"Nulanyo\" godoo.\nMele akpe manyagblɔ gãa aɖe dem na míatɔ Germaniatɔwo be woʋu nuƒomɔ si naa mɔ be míateŋu aƒo ka adzro nyawo me (phone in radio station).\nMado ŋus̀ẽ wo be woadze agbagba aʋu nukpɔmɔ (television) si míateŋu aƒo ka na eye míateŋu akpɔ ha abe esia ene.\nMedo gbe na ...... (Mìawo ŋutɔwo mìtsɔ ŋkɔwo ɖo enu)\nMìatsɛ,\nGilbert\nFor Ewe (Eʋeawo) social affairs only \/ Nur für Ewe (Eʋeawo) soziale Angelegenheiten \/ Réservé exclusivement pour le social des Ewe (Eʋeawo)\nPost Reply\n1 post • Page 1 of 1","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"http:\/\/forum.miadenyigba.org\/viewtopic.php?f=76&p=114&sid=4579ee734bb1ab5960604836e3c5c2da","date":"2018-08-19T00:12:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221213903.82\/warc\/CC-MAIN-20180818232623-20180819012623-00706.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977550507,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977550506591797}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.136,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! August 2015 | Nyatakakadzraɖoƒe Aɖe Si Le Wò Lãmenugbagbeviwo Me!\nDNA si ŋu woke ɖo na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va se nu geɖe gɔme tso agbe ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu kae ana be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ŋu wodea bubui naɖe asi le woƒe dzixɔse si nye be amegbetɔ dzɔ tso lã me la ŋu?\nHELP FOR THE FAMILY\nNe èwɔa nu sia nu si dim viwòa le nɛ la, ke èle nu vevi aɖe temee.\nJosefina xɔ ƒe 101 hafi dze sukua dede gɔme, esrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Aleke nuwo va yi nɛ?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe Biblia ɖo seɖoƒe na mɔɖeɖeɖenuŋua?\nSong Hee Kang te ŋu nɔ te ɖe lãmesẽkuxi sesẽ aɖe nu dzidzedzetɔe esime wòxɔ ƒe 14 pɛ ko.\nWAS IT DESIGNED?\nWohiã vevie be ŋusẽ na ɖo bɔtria ŋu be wòate ŋu adzo sesĩe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201508\/","date":"2018-09-26T11:18:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267164750.95\/warc\/CC-MAIN-20180926101408-20180926121808-00241.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985195994,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985195994377136}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! December 2014 | Nu Si Wòle Be Nànya Tso Tagbɔdɔléle Ŋu\nTagbɔdɔléle tea ŋu gblẽa nu le amewo ŋu vevie, ke hã ame geɖe siwo ŋu dɔ sia le medina be woawɔ atike na yewo o. Nu ka tae?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu asieke aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe tagbɔdɔlélewo nu dzidzedzetɔe.\nNyatiawo dometɔ aɖewo nye: lã si nɔ agbe didi wu, tɔsisi xɔŋkɔ aɖe si le miemiem keŋkeŋ, kple ɣeyiɣi si dzi amewo xɔa dzidɔ wu le ƒea me.\nHELP FOR THE FAMILY\nAɖaŋuɖoɖo 4 siwo ate ŋu akpe ɖe wò kple srɔ̃wò ŋu miaƒo asa na nyahehe ahakpɔ nyawo gbɔ ɖekae.\nLã sia ƒe ŋku lolo wu eƒe ahɔhɔ̃.\nINTERVIEW\nNufialagã Stephen Taylor gblɔ be Biblia-sɔsrɔ̃e nye nu nyuitɔ kekeake si yewɔ kpɔ\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe woatsrɔ̃ anyigba la?\nNyati siwo katã dze le Nyɔ! ƒe 2014 me siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu la diƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201412\/","date":"2018-09-21T02:07:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267156724.6\/warc\/CC-MAIN-20180921013907-20180921034307-00345.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984795451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984795451164246}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzɔlawo dometɔ ɖeka nɔ mía kom hegblɔ bena: \"Ame aɖeke mele mia ta biam o. Miate ŋu atsi afi sia.\" Aleke wòdzɔe be míaƒe ƒomea si nye Russiatɔ dovevienuwo, siwo nye ŋutifafamewo la va zu aboyomewo le North Korea le ƒe 1950 me, si nye ƒe atɔ̃ tso esime Xexemeʋa II ke?\nLE NYE dzigbe ŋuti nuŋlɔɖiwo nu la, wodzim le ƒe 1924 me. Anɔ eme be kɔƒe si me wodzim lee nye Shmakovka, si te ɖe China ƒe dea ŋu le Russia ƒe Ɣedzeƒe Ʋĩ.\nGbe ɖeka adzoblasuwo va kplɔ fofonye kple fonyewo dzoe, eye danye megakpɔ wo o. Nuɖuɖukpɔkpɔ na ɖevi gbogbo siwo susɔ ɖe aƒea me la va zu dɔ na danye. Míaƒe aƒelika aɖe do susua ɖa be yeakplɔ mí ɖeviawo ayi ɖe Russia Orthodɔks sɔlemea ƒe tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe ahagblɔ be mía dadae gblẽ mí ɖi.\nDanye lɔ̃ ɖe edzi, elabena ɖewohĩ ne ɖe mewɔe alea o la, anye ne dɔwuame kplɔ mí yi tsiẽƒe. Meva se nu si tae danye kplɔ mí yi ɖada ɖe tsyɔ̃eviwodzikpɔƒea ɖo la gɔme. Ðewohĩ esiae na míetsi agbe. Mexɔ ƒe 80 kple edzivɔwo fifia, ke hã danye ƒe nyametsotso ma gatena ɖe dzinye kokoko.\nLe ƒe 1941 me la, meʋu yi Korea, afi si mía kple Russia ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Ivan, míeɖe mía nɔewo le. Míedzi mía vinyɔnu Olya le Korea ƒe dugã Seoul me le ƒe 1942 me. Míedzi mía viŋutsu Kolya hã le afi ma le ƒe 1945 me, kple eyometɔ Zhora le ƒe 1948 me. Srɔ̃nye nɔ fiase si nɔ mía si la dzi kpɔm, eye nye hã menye nutɔla. Esi wònye be Japantɔwo nɔ Seoul dzi ɖum ta la, mía viwo va srɔ̃ Japangbea, ke hã Russiagbee míedona le aƒe me. Do ŋgɔ na ƒe 1950 la, ŋutifafa nɔ Sovietɔwo, Amerikatɔwo, kple Koreatɔ siwo nɔ Seoul la dome. Wo katã wonye míaƒe asisiwo.\nNorth Koreatɔwo Ðe Aboyo Mí\nNuwo va trɔ kpata le ƒe 1950 me. North Korea-srafowo va dze Seoul dzi hexɔ dua. Míete ŋu si o, eye wova lé mí kpe ɖe amedzrovi bubu siwo le dua me la ŋu. Le ƒe etɔ̃ kple afã me la, wokplɔ mí kpe ɖe Britain, Russia, Amerika kple Franse aboyome bubuwo ŋu, eye wonana mí ame hahoo la míetoa afɔ ɖatsia teƒe vovovowo le North Korea godoo. Afi sia afi si mlɔƒe le ko la, míetsia afi ma dɔna, eye míenɔa bebem le bɔmbdada si nɔ edzi yim ta.\nƔeaɖewoɣi la, míenɔa aƒe siwo me dzoƒuƒe le le vuvɔŋɔliwo, eye wonaa nuɖuɖu mí wòsua mí. Gake zi geɖe la, ƒo koe míeɖuna hetsia aƒedowo me le vuvɔ la me. Mía dome ame geɖe ku le nunyuimakpɔɖu kple bemaléname ta. Etena ɖe dzinye ŋutɔ ne mekpɔ vinyewo wole fu kpem. Ɣemaɣi la, vuvɔŋɔli ɖo kaba le North Korea, eye meɖo ŋku edzi be menɔa ŋu zã bliboa henɔa kpewo dem dzo me be matsɔ ade vinyewo te ale be vuvɔ nagawɔ wo o.\nLe dzomeŋɔli la, Koreatɔ siwo le kɔƒewo me la fia nu miemie siwo nyo na ɖuɖu la mí, eye míedia amagbewo, atikutsetsewo kple hlowo le gbe me ɖuna. Edze ƒãa be womelé fu mí o, ke boŋ míaƒe nu wɔ nublanui na wo. Le esi nuɖuɖua mesua mí o ta la, mesrɔ̃ ale si woléa akpɔkplɔ ɖana. Etena ɖe dzinye ŋutɔ ne vinyewo le kukuɖeɖe dzi nam atraɖii be yewoaɖu akpɔkplɔlã.\nGbe ɖeka le October me la, woɖe gbe na mí be míaʋu ayi Manp'o. Wogblɔ na mí be wowɔ ɖoɖo be woakɔ ɖeviwo kple dɔnɔwo ɖe tasiaɖamwo me. Wotsɔ Olya kple fofoa kpe ɖe ame siwo to afɔ la ŋu. Mía kple Olya yometɔ eveawo míetsɔ dzitsitsi nɔ lalam ŋkeke geɖe be tasiaɖamawo nava. Mlɔeba tasiaɖamawo va ɖo.\nWolɔ dɔnɔawo kɔ ɖe wo nɔewo dzi abe nake ene. Nu sia teƒe kpɔkpɔ dzi ŋɔ nam ŋutɔ! Mekpa Zhora ɖe me hedze agbagba be matsɔ Kolya ada ɖe tasiaɖam aɖe ƒe dzogoe ɖeka, gake ede asi avifafa me sesĩe gblɔ be: \"Dada, Dada, medi be mazɔ kpli wò! Meɖe kuku mègagblẽm ɖi o!\"\nKolya tsɔ eƒe asi sue la lé nye awu sesĩe henɔ du ƒum le yonyeme tututu. Woda tu aboyome geɖe le mɔzɔzɔ ma si xɔ ŋkeke geɖe la me. Akpaviãwo nɔ mía yome henɔ dɔ tɔm ame siwo ku ɖe mɔa dzi. Mlɔeba la, míeva ke ɖe srɔ̃nye kple Olya ŋu. Míewɔ atuu na mía nɔewo kple aɖatsiwo. Menɔ ŋu zã ma me hede kpewo dzo me be matsɔ ade dzo lãme na vinyewo. Esi wònye be wo katã wotsi agbe ta la, nye dzi dze eme.\nEsi míete ɖe liƒo si tsò North Korea kple South Korea dome ŋu le ƒe 1953 me la, nɔnɔmeawo va ka ɖe eme na mí vie wu. Wona awu yeyewo, afɔkpawo, abolo kple numeɖenuwo gɔ̃ hã mí. Emegbe kpuie ko la, woɖe asi le Britaintɔwo kple Franseawo ŋu. Ke míawo ya míeva nɔ abe ame siwo metso dukɔ aɖeke me o ene. Esi aboyome susɔeawo dzo la, míawo koe va tsi anyi. Míefa avi le dziɖeleameƒo ta, eye míedo kpo nuɖuɖu. Ɣeyiɣi sia mee dzɔla Koreatɔ la gblɔ dzivenya si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la.\nMíedze Agbe Yeye Gɔme Le United States\nNukutɔe la, esia megbe kpuie koe wokplɔ mí yi South Korea ƒe afi si aʋa menɔ edzi yim le o. Esi Amerika asrafomegãwo bia gbe mí vɔ la, woɖe mɔ na mí be míaʋu aɖatsi United States. Míeɖo meli yi San Francisco si le California, eye kpekpeɖeŋunahabɔbɔ aɖe kpe ɖe mía ŋu. Emegbe míeʋu yi Virginia, afi si míaƒe ame nyanyɛ aɖewo kpe ɖe mía ŋu míekpɔ dɔ le. Mlɔeba la, míeʋu yi Maryland ɖatsi afi ma koŋ.\nNuwo abe mɔ̃ si wotsɔna kplɔa xɔ mee ene la gɔ̃ hã kpɔkpɔ wɔ nuku na mí. Esi míenye amedzrowo ta la, ele na mí be míanɔ dɔ wɔm sesĩe gaƒoƒo geɖe. Gake ne mekpɔ be amedzrovi siwo nu dze edzi na la le ame siwo va dukɔa me teti tafam la, etena ɖe dzinye. Esi míeva ɖo teti la, míedo go Russia Orthodɔks tɔwo ƒe nunɔla aɖe si gblɔ na mí be: \"Dukɔ si woyra mee miele fifia. Ne miedi be nu nadze edzi na mi la, ke miƒo asa na mia detɔwo.\" Eƒe nyawo wɔ mo yaa nam, eye metɔtɔ. Menye ɖe wòle be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu boŋ oa?\nLe ƒe 1970 me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Bernie Battleman, si nye Yehowa Ðasefo la, va mía ƒe me be yeadzro Biblia me kpli mí. Ame sesẽe wònye, eye egblɔa nyawo kaŋkaŋ abe míawo ke ene. Míedzro Biblia me gaƒoƒo geɖe. Esi wònye be Orthodɔks tɔwo ƒe tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe ye menɔ tso ɖevime ta la, menya woƒe hamenufiafiawo ɖe ta me. Gake meva tame nam kpɔ be Biblia nanɔ nye ŋutɔ asinye o! Bernie tsɔ Biblia aɖe vɛ na mí hegblɔ be: \"Esi melɔ̃ mi tae mele Biblia sia tsɔm na mi ɖo.\" Eɖe mí fia Ben, si nye Ðasefo Russiagbedola aɖe si tso Belarus.\nBen kple srɔ̃a gbɔ dzi ɖi ɖo Biblia me nya siwo mebia wo la ŋu nam. Ke hã, mexɔe se be Ðasefowo anya trɔ nuwo le ŋɔŋlɔ kɔkɔea me. Nu si ku dzi nam vevie ye nye be woƒe agbalẽwo gblɔ be Maria dzi vi bubuwo kpe ɖe Yesu ŋu, evɔ wofia mí le sɔlemea be vi bubuwo menɔ esi o.\nMeƒo ka na xɔ̃nye aɖe si nye Polandtɔ, hegblɔ nɛ be wòakpɔ eƒe Polandgbe me Biblia me ɖa be nya kae le Mateo 13:55, 56 hã. Esi wòxlẽ mawunyakpukpuia nam la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be nɔviwo nɔ Yesu si! Xɔ̃nyea hã yɔ eƒe ame nyanyɛ aɖe si wɔa dɔ le Washington, D.C. ƒe agbalẽdzraɖoƒe aɖe (Library of Congress) hegblɔ nɛ be wòadi mawunyakpukpui sia le Biblia gɔmeɖeɖe vovovoawo katã me. Exɔlɔ̃a gblɔ nɛ be nya ma ke koe dze le wo katã me be: Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nɔ Yesu si!\nBiabia bubu geɖewo ganɔ asinye. Nu ka tae ɖeviwo kuna? Nu ka tae dukɔwo le aʋa wɔm? Nu ka tae gbe ɖeka dolawo gɔ̃ hã mesea nu gɔme na wo nɔewo o? Ale si wotsɔ Biblia ɖo nya mawo ŋui nam la dzɔ dzi nam ŋutɔ. Meva srɔ̃e be menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be amegbetɔwo nanɔ fu kpem o. Esi meva nya be magakpɔ nye ame vevi siwo ku le aʋa vovovowo me ake la, dzi dzɔm wu gbɔgblɔ. Vivivi la, Yehowa va nye Ame ŋutɔŋutɔ nam.\nGbe ɖeka mía kple vinyeŋutsu si gbɔ tso aʋagbedzi le Vietnam, si dzi nu te ɖo vevie la míetsi tsitre ɖe nɔnɔmetata siwo mezãna le tadeagu me la ŋkume henɔ koko ƒom na Mawu. Enumake mekpɔe dze sii be Yehowa, Mawu vavã lae wòle be mado gbe ɖa na, ke menye nɔnɔmetataawo o. Mevuvu nɔnɔmetataawo, eye mekpɔe be pepa si woɖo atsyɔ̃ na la koe wonye. Sɔlemea mee meƒle wo le, gake le zã ma me la, metsɔ wo ƒu gbe.\nMenɔ bɔbɔe nam be mado le sɔleme si me menɔ tso nye ɖevime ke la me o. Gake meva de asixɔxɔ Biblia ƒe nufiafiawo ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe. Ƒe ɖeka megbe la, mía kple vinyenyɔnua kple srɔ̃nye míeyi ɖakpe kple Russia Orthodɔks nunɔlaa. Metsɔ agbalẽ aɖe si me meŋlɔ Biblia me biabia gbogbo aɖewo siwo te meŋlɔ mawunyakpukpuiwo ɖo la ɖe asi. Esi menɔ mawunyakpukpuiawo xlẽm na nunɔlaa la, eʋuʋu ta hegblɔ be, \"Miebu.\" Egblɔ na mí be míagava ye gbɔ azɔ o.\nNudzɔdzɔ sia wɔ dɔ ɖe vinyenyɔnu Olya, si ƒe mo sẽ, eye wòlɔ̃a nyagɔmekuku la dzi. Eya hã te Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, eye wòva nɔ Ðasefowo ƒe kpekpewo dem kplim le ema megbe kpuie. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1972 me, eye Olya hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me.\nMíaƒe Dzideƒonameɖokuinya\nMíaƒe ƒomea ƒe dzideƒonameɖokuinyae nye, Lé fɔ ɖe nu si dze ŋgɔwò fifia ŋu, ɖe susu ɖa le tsãtɔ ŋu. Eya ta, míehena ɖe megbe le nu si dzi míeka ɖo be ele eteƒe la wɔwɔ ŋu o, ne enye nu yeye gɔ̃ hã. Esi mía kple vinyenyɔnua kpakple Mawu dome va nɔ kplikplikpli la, míeva di vevie be míayi amewo ƒe aƒewo me aɖagblɔ nu siwo srɔ̃m míenɔ la na wo. Gake le nyateƒe me la, ale si megblɔa nyawo kaŋkaŋ la nana wòva hiãna ɣeaɖewoɣi be ame bubuwo nagbugbɔ agblɔ nya siwo megblɔ la ameŋububutɔe. Ke hã, meva srɔ̃ ale si maƒo nu na ame ƒomevi vovovo siwo tso dukɔ vovovowo me siwo hã nɔ dzidzeme dim le agbe me, abe nye ke ene, la nyuie.\nLe ƒe siwo kplɔ esia ɖo me la, mía kple vinyenyɔnua míegblɔ zi geɖe be, ne Kɔmiunisttɔwo ƒe ŋutasẽdziɖuɖua mu la, míatrɔ ayi Russia aɖakpe ɖe ame siwo le abe míawo ene la ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Esi wòmu le ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze la, Olya trɔ yi Russia ɖe mí ame evea nu. Esime wònɔ afi ma la, ewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 14. Esrɔ̃ Biblia kple ame geɖe, eye wòkpe asi ɖe Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Russiagbe me ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia.\nMetsi teƒe ɖeka fifia, eye vinyewo le woƒe ŋutete katã wɔm be agbea nanya nɔ nam. Meda akpe na Mawu be togbɔ be mekpe fu geɖe va yi hã la, meva kpɔ dzidzeme vavãtɔ mlɔeba. Mekpɔ Biblia me hakpanya si alẽkplɔla David ŋlɔ la ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: \"Gbɔɖemeƒe tɔwo nu [Mawu kplɔm] yii. Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.\"—Psalmo 23:2, 3. *\n^ mm. 29 Maria Kilin dɔ alɔ̃ le ku me le March 1, 2010 dzi, esime míenɔ dɔ wɔm le ŋutinya sia si eya ŋutɔ gblɔ la ŋu hena tata.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/found-true-freedom\/","date":"2018-09-18T13:26:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267155413.17\/warc\/CC-MAIN-20180918130631-20180918150631-00187.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992498159,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992498159408569}","num_words":1923,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Mɔfiamewo Dzi Wɔwɔ\nMawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe gɔmeɖosewo dzi dea ŋugble le nuwo ŋu hetsoa nya me. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖe nunya si gbegbe le Biblia me fia la ɖa.\nLe dzɔdzɔme nu la, míedina be xɔlɔ̃wo nanɔ mía si. Eya ta ne èle xɔlɔ̃ vavãwo dim la, Biblia ƒe mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ tiatia nyui?\nMele be nàde blibo hafi ate ŋu asubɔ Mawu o. Edi be nàkpɔ dzidzedze, eye akpe ɖe ŋuwò.\nWò susu nenɔ aɖaŋuɖoɖoa ŋu, ke menye aɖaŋuɖolaa o. Aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo Kristotɔ hamemetsitsiwo ɖona na mí ɖenɛ fiana be Yehowa lɔ̃ mí.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/biblia-%C6%92e-m%C9%94fiamewo-dzi-w%C9%94w%C9%94\/","date":"2018-10-18T00:33:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583511365.50\/warc\/CC-MAIN-20181018001031-20181018022531-00298.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986639023,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986639022827148}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 29 va se ɖe July 2, 2017 la le tata sia me.\nNu kae nye adzɔgbeɖeɖe alo atamkaka? Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso adzɔgbeɖeɖe na Mawu ŋu?\nBiblia gblɔ be 'xexea nu va yina.' Gake nu kae 'xexe' si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la fia?\nAGBEMEŊUTINYA\nWolé Demetrius Psarras de gaxɔ me le esi wògbe be yemayi aʋa o ta. Ke hã, eyi edzi kafu Mawu, togbɔ be eto dodokpɔ sesẽ geɖewo me gɔ̃ hã.\nNu ka tae wòsɔ be míagblɔ be Mawu mate ŋu awɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o? Eye nu ka tae nyateƒenya sia le vevie na Kristotɔwo egbea?\nÐokuibɔbɔ kple tsɔtsɔke siaa le vevie hafi Mawu ƒe susu le dzɔdzɔenyenye ŋu nasu mía si. Nu ka tae?\nMawu Ŋusẽkatãtɔ la dea asixɔxɔ agbagba siwo esubɔlawo dzena hekpea asi ɖe eŋu be eƒe tameɖoɖoa nava eme la ŋu, ne woƒe agbagbadzedzeawo le sue gɔ̃ hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-april-2017\/","date":"2018-11-13T05:20:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039741219.9\/warc\/CC-MAIN-20181113041552-20181113063552-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997164011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971640110015869}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 4 va se ɖe May 1, 2016 la le tata sia me.\nÀdi be yeanye Yehowa xɔlɔ̃a? Srɔ̃ ale si nàte ŋu awɔ esia tso Abraham gbɔ.\nNu kae kpe ɖe Rut, Hizkiya kple Maria ŋu be wozu Mawu xɔlɔ̃ veviwo?\nYonatan ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽ ene aɖewo me.\nAleke David, Yonatan, Natan kple Husai tsɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ?\nAGBEMEŊUTINYA\nCorwin Robison subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 73 sɔŋ, ewɔ dɔ wu ƒe 60 le United States Betel.\nŊugbledede le Biblia ƒe mɔfiame vevi etɔ̃ aɖewo ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsubɔ Mawu kple dzidzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-february-2016\/","date":"2018-12-10T01:53:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823236.2\/warc\/CC-MAIN-20181210013115-20181210034615-00389.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970936179,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970936179161072}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 27, 2015\nRUSSIA\nLe egbe ŋdi la, Ʋɔnudrɔ̃la Vasyutchenko ɖe gbeƒã vevi aɖe na ame siwo sɔ gbɔ ɖe kodzoɖoƒea taŋtaŋ la be yemekpɔ wu yeƒe nyametsotsoa nu o, eya ta yegli kodzoa da ɖe Dzoɖagbe, November (Adeɛmekpɔxe) 30, ŋdi ga 10 kple afã dzi, le Moscow Ƒe Game nu. Ke hã, eka ɖe edzi na vavalawo be yeatso nya me le Dzoɖagbe.\nLe nya sia si tɔgbi womedrɔ̃ le egbegbe Russia kpɔ o me la, woate ŋu ado fe gbogbo aɖe na ame siwo ŋuti wotsɔ nya ɖo la ahalé wo ade ga le esi wode Kristotɔwo ƒe subɔsubɔwɔnawo ta.\nTaganrog-dua Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe adrɛs lae nye 347939, g. Taganrog, ul. Chucheva, d. 42\/2.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/taganrog-gli-kodzo%C9%96o%C9%96o-20151127\/","date":"2018-12-18T11:29:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376829140.81\/warc\/CC-MAIN-20181218102019-20181218124019-00521.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9926205277,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9926205277442932}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ ale si nàzã jw.org ƒe ŋudɔwɔnuwo. Zɔ ɖe mɔfiame vovovoawo dzi ne woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàʋu dɔwɔnu sia me nu vovovowo, nàdi nuwo eye nàwɔ nuwo ƒe kɔpi hã. Kpɔ nyabiase siwo ku ɖe jw.org ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo.\nZã míaƒe dɔwɔnu sia si wɔa dɔ le asitelefon kple tablɛtwo dzi nàtsɔ awɔ tokunɔgbe me Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe kɔpi, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu alo aƒo wo.\nBiblia gɔmeɖeɖe vovovowo, agbalẽwo kple dɔwɔnu siwo akpe ɖe ame ŋu wòaku nu me ne ele Biblia srɔ̃m.\nNu geɖewo le gbesɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu sia dzi siwo woate ŋu atsɔ aɖe gbeƒã na gbegbɔgblɔ geɖe dolawo. Nu siwo le edzi la dometɔ aɖewoe nye gbesɔsrɔ̃ ƒe taflowo, degbemenya siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi, nyawo ƒe roma-ŋɔŋlɔdzesiwo me tɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/","date":"2019-01-17T06:27:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583658844.27\/warc\/CC-MAIN-20190117062012-20190117084012-00427.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989002347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989002346992493}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atiglinyi kple Klo\nGli tso ʋuu he dze Atiglinyi kple Klo dzi,\nAtiglinyi gã aɖe nɔ avetsu dodo aɖe me gbeɖeka. Klovi suẽ aɖe hã nɔ avea to.\nGbeɖeka esi Klovi la do heyi nuɖuɖu dziƒe la, eva do go Atiglinyi gãa la. Le dzeɖoɖo kpui aɖe megbe la, wova zu xɔlɔ̃ veviewo. Atiglinyi gã la lɔ̃ Atiglinyi la le eƒe lolo ta. Gbeɖeka Klovi suẽ la, ɖi tsa heyi be yeakpɔ eƒe xɔlɔ̃ yeyea Atiglinyi ƒe nɔƒe eye yeado gbe nɛ. Esi wòɖo la ekpɔ Atiglinyi gã la ƒe viwo le xɔxɔ ŋu henɔ fefem dzidzɔtɔe. Klovi suẽ la do gbe na Atiglinyi ƒe viawo eye wòbia wo fofo la ta. Ɖeviawo na wonya be yewo fofo la li gake ele alɔ̃ dɔm. Wobia Klovi la nedzi be yewoa yi ɖa yɔe vɛ. Klovi suẽ la ɖe kuku nawo be woayi ɖa yɔe na ye. Atiglinyiviawo ƒu du yi aƒea me wo fofoa yɔ ge. Le woƒe dzitsitsi me la, woŋlɔ zu siwo woza na le wo fofo yɔyɔme la be. Wogugbɔ va tsɔ zuawo eye wode asi ezizi ɖe wo fofoa dzi me alɔtsɔtsɔe. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, wo fofo la mli tso axa ɖeka dzi heyi ɖe evelia dzi. Eʋu eƒe ŋkuwo, tutu eƒe mo, ke eƒe ŋu me baa eye wòbia viawo nusi ƒe ɣli dom wole he nyra ɖe wo ŋu be wova gble alɔ̃ me na ye. Ɖeviawo meɖo biabia ŋu nɛ o, ke boŋ ɖeko wole ɣli dom be: \" Nyɔ, nyɔ, nyɔ wò evelia Klo le dziwòm \". Atiglinyi divo eye wòbia afisi Klo la le. Ɖeviawo na wònya be ele xɔxɔŋu eyata nedo va kpɔe ɖa.\nAtiglinyi gã la mli zɔ ɖɔɖɔɔɖɔ tso eƒe aba dzi he zɔ glinya va xexe afisi xɔ̃a Klovi suẽ la le. Woɖo dze ɣeyiɣi geɖee hedo dzidzɔ ɖe wonɔɛwo ŋu. Ɖeviwo nɔ fefem esime wo fofo kple xɔ̃a wonɔ dze ɖom. Atiglinyi gblɔ na eƒe evelia be mɔ si wozɔ va la didi eyata ele nɛ be woaɖu nu hafi woatrɔ dzo. Etsɔ deha go ɖeka ɖo eƒe evelia ƒe akɔme nɛ. Esime Atiglinyi yi nuɖuɖua wɔƒe la, Klovi suẽ la no aha la eye woɖu nu hã le nuɖuɖu la ƒe bibi megbe.\nLe esia wɔwɔ megbe vɔ la, Klovi la klã eƒe evelia, he dze mɔ ɖo ta aƒe. Hafi woadzo la, ekpe Atiglinyi hã be woava kpɔ ye hã gbeɖeka. Le mɔzɔzɔa me la, Klovi suẽ bu tame tso nusiwo katã wova kpɔ le xɔ̃a Atiglinyi gbɔ. Vevietɔa alesi Atiglinyiviawo tso zu nyɔ wo fofoe. Esusu alesi yɔyɔ kple zu tso alɔ̃ me...","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-09","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/glitotowo\/129-atiglinyi-kple-klo","date":"2019-02-20T23:21:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-09\/segments\/1550247496855.63\/warc\/CC-MAIN-20190220230820-20190221012820-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982118607,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":11,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982118606567383}","num_words":430,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vidzidzi kple vidzidzi megbe kɔnuwo\nGbeƒãɖeɖe Index\na - Vidzidzi megbe:\nNenye nyɔnu dzi vi, le ɣleti eve megbe la, vinɔ la saa dzonu ɖe ŋui eye wotsɔa avɔ nyuiewo tana, fɔa kɔsɔkɔsɔwo kplana, tsɔa alɔnugawo dea alɔ nu,\nblaa ta kple taku nyuiewo bena woayi ɖado gbe na ame siwo va na nui le vidzixɔ me eye woada akpe na wo; elabena esi wòdzi vi la, woawoe nye ame siwo va du tsi nɛ, tu wɔ nɛ, eye ame aɖewo na ami dzẽe. Esiata wodea amesiame gbɔ, daa akpe nɛ be, esẽ ŋu loo, nyitsɔ aɖe ƒe dɔ, mìawoe kpɔ ame ta loo. Wogblɔna na vinɔ la bena, \" Wo ŋu nu wɔ nu gbemia \" (gbeaɖegbe). Ame si ke mewɔ naneke vɛ le vidzixɔ me o la, ne ede eƒe me la, ewɔa ŋukpe na wo eye vɔ la, eya ko wòkpɔ mɔ aɖa nu na srɔ̃a wòaɖu.\nEgbe la, womegale ewɔm o, blewublewu la ava trɔ̃. Enye koko na nyɔnu aɖe ne méda akpe o. Ne wo kpakple ame aɖe wole dzre wɔm la ekema woadzui nɛ agblɔ bena, \" Amee nenye ɖee ne esime nedzi vi la, ne wo hã eda akpe, ame dzodzroa ! \". Ame geɖewo medaa akpe o le ŋutinuwo ƒe wo si manɔmanɔ ŋuti.\nb - Eveviwo:\nNe ame aɖe dzi eve la, gbã vinɔ la mele naneke ɖu ge o eye mele nu hã ƒo ge o. Nenemakee nye vitɔ la hã, vaseɖe esime ame bubu aɖe si dzi eve abe woawo ene la nava eye woaxɔ adzɔ hoka blaeve-vɔ-eve le wo si. Emegbe, ame la atsɔ tsi ayi ŋutsu la gbɔ axlẽ ɖeka, eve, etɔ̃ vaseɖe asieke eye wòatsɔ tsi la atɔ nu nɛ; awoe na nyɔnu la hã nenema. Emegbe la, atsɔ nuɖuɖu eye eya ŋutɔ vinɔ kple vitɔ la. Ne ewɔ nu sia vɔ la, ekema wokpɔ mɔ aɖu nu, aƒo nu. Woyɔa wɔna sia bena: \" Tsitɔtɔnu \". Amesi he vi na wo la, ele be woana dehae woaklɔ asi elabena ne womena ahae o la, mekpɔ mɔ atɔ bli le agba me o. Ne etɔ bli la, ɖeviawo ƒe lãme masẽ akpɔ o.\nWoɖoa ŋkeke emegbe bena le asigbe la, yewoawɔ eve. Wohoa de eye wonɔa aha kpam. Gake ame aɖeke medzea aha la o. Ne wokpɔ be aha si wokpɔ ɖi sɔ gbɔ eye ŋkeke si woɖo la hã ɖo edzi la, wotsɔa aha la vaa aƒee eye woƒlea lã hã dana ɖi, yi ɖatsɔa te hã le boƒo fuu va aƒee.\nNe ŋkeke la ɖo edzi la, vitɔ kple vinɔ la ƒe ƒometɔwo vana. Evedzila xoxo si wɔ nua na wo gbemagbe la, hã ava kple srɔ̃a. Ne ŋu ke la, evenɔ xoxo la gblɔna bena woava ƒle aƒe si me wole la le ye si.\n- Vayi\n- Kplɔɖo >>","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-13","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/k-nuwo\/95-vidzidzi-kple-vidzidzi-megbe-k-nuwo","date":"2019-03-19T01:56:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-13\/segments\/1552912201882.11\/warc\/CC-MAIN-20190319012213-20190319034213-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981377721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981377720832825}","num_words":455,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu yi Yerusalem. Ame gbogbo aɖewo va dua me be yewoava ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Le azãa ɖuɣi la, wotsɔa lãwo saa vɔe le gbedoxɔa me. Ame aɖewo ŋutɔ tsɔa lãwo ɖe asi vanɛ, gake ame bubuwo va ƒlenɛ le Yerusalem.\nEsi Yesu yi gbedoxɔa me la, ekpɔ be amewo nɔ lãwo dzram le afi ma. Wonɔ nu dzram tsɔ nɔ ga wɔm le Yehowa ƒe aƒe si nye tadeaguƒea me! Nu kae Yesu wɔ? Etsɔ ka gbi atam eye wònya alẽawo kple nyiawo do goe le gbedoxɔa me. Etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Yesu gblɔ na ame siwo nɔ ahɔnɛawo dzram la be: 'Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe me wɔ nudzraƒee o!'\nNu si Yesu wɔ la wɔ nuku na ame siwo nɔ gbedoxɔa me. Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya si wogblɔ ɖi tso Mesia la ŋu be: 'Maʋã ŋu le Yehowa ƒe aƒea ŋu' la dzi.\nEmegbe le ƒe 33 K.Ŋ. la, Yesu gakɔ gbedoxɔa ŋu zi evelia. Maɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nu si made bubu Fofoa ƒe aƒe la ŋu o.\n\"Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.\"—Luka 16:13","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/yesu-k%C9%94-gbedox%C9%94a-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-25T03:27:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00434.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982099533,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982099533081055}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya ka gblɔmee Yesu nɔ hafi gblɔ nya siwo le Luka 12:6, 7? Àkpɔ le kpukpui 4 lia me be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woagavɔ̃ na ame siwo atsi tre ɖe wo ŋu alo ate ŋu awu wo la o. Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo dzram ɖo ɖe yometiti siwo me woava to emegbe la ŋu. Eka ɖe edzi na wo be Yehowa dea asixɔxɔ esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu eye maɖe mɔ woakpe fu ɖaa o.\nMɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo yome tim wole la le?\nAfi kae míate ŋu akpɔ nyatakaka yeye siwo ku ɖe Yehowa Ðasefo siwo wolé de gaxɔ me le woƒe xɔse ta la le?\nNɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nenie le gaxɔ me fifi laa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july23-29\/miex%C9%94-asi-s%C3%A3s%C3%A3s%C3%A3-wu-atsutsr%C9%94e-ge%C9%96ewo\/","date":"2019-06-15T23:07:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997501.61\/warc\/CC-MAIN-20190615222657-20190616004657-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984238148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984238147735596}","num_words":128,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be zi geɖe la, gbeƒãɖela yeye siwo wona hehee tso gɔmedzedzea be woanɔ gbeadzi dem edziedzi dzonɔamemetɔe la va zua gbeƒãɖela bibiwo. (Lod 22:6; Flp 3:16) Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu wòali ke sesĩe le gbeƒãɖeɖedɔa me:\nNe wonya da asi ɖe nusrɔ̃via dzi be wòanye gbeƒãɖela ko la, dze egɔme nànɔ hehe namee. (km 8\/15 1) Na wòakpɔe be ele vevie be gbeadzi dede kwasiɖa sia kwasiɖa nazu numame nɛ. (Flp 1:10) Ƒo nu nyui tso anyigbamamaa me tɔwo ŋu. (Flp 4:8) De dzi ƒo nɛ be wòanɔ gbeadzi yim kple gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔla kpakple gbeƒãɖela bubuwo, be wòasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.—Lod 1:5; km 10\/12 6 mm. 3\nNe wò nusrɔ̃via va xɔ nyɔnyrɔ la, mègadzudzɔ dzidede ƒo nɛ kple hehenanae le gbeadzi o, vevietɔ ne miewu \"Mawu Ƒe Lɔlɔ̃\" gbalẽa sɔsrɔ̃ nu haɖe o.—km 12\/13 7\nNe wò kple gbeƒãɖela yeye aɖe miele gbeadzi la, zã dzeɖonya si le bɔbɔe. Ne eɖe gbeƒã na ame aɖe vɔ la, kafui tso dzi me. Ðo aɖaŋu siwo akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ la nɛ.—km 5\/10 7","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept25-oct1\/na-hehe-wo-woasub%C9%94-yehowa-%C9%A3eawokat%C3%A3%C9%A3i\/","date":"2019-06-25T11:10:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999817.30\/warc\/CC-MAIN-20190625092324-20190625114324-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993077517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993077516555786}","num_words":175,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAWU NYE YESU FOFO\nYESU DO TSITRETSITSI ƑE ŊUGBE\nEsi Yudatɔ aɖewo bu fɔ Yesu be eda le Sabat la dzi le esi wòda gbe le ŋutsu aɖe ŋu ta la, Yesu ɖo eŋu na wo be: \"Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.\"—Yohanes 5:17.\nLe nyateƒe me la, nu si wɔm Yesu le la menye dada le Mawu ƒe se si ku ɖe Sabat ŋu la dzi o. Eƒe gbeƒãɖeɖe kple gbedada le ame ŋu la nye dɔ nyui siwo wɔm Mawu le la sɔsrɔ̃. Eya ta Yesu wɔa nyui gbe sia gbe. Ale si Yesu ɖo nya ŋu na enutsolawo la na dzi gaku wo ɖe edzi, eye wodi be yewoawui. Nu ka tae?\nTsɔ kpe ɖe ale si wobui vodadatɔe be Yesu ƒe gbedada le ame ŋu nye Sabat la dzi dada ŋu la, ale si wògblɔ be Mawu ƒe Vie yenye la hã ku dzi na wo vevie. Wobui be enye busunyagbɔgblɔ be Yesu nagblɔ be Mawu nye ye Fofo, abe ɖe nya si wògblɔ be Yehowa nye ye Fofo la le fiafiam be eya kple Mawu wosɔ ene. Gake esia metso dzika ƒo na Yesu o, eyi edzi ɖo nya ŋu na wo hegblɔ ƒomedodo tɔxɛ si le eya kple Mawu dome la na wo. Egblɔ be: \"Fofo la lɔ̃a Vi la, eye wòfiaa nu siwo katã eya ŋutɔ wɔna lae.\"—Yohanes 5:20.\nFofo lae nye Agbenala la, eye eɖe esia fia le ɣeyiɣi siwo va yi me esi wòna ŋusẽ ame aɖewo wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Yesu yi edzi be: \"Ale si ko Fofo la fɔa ame kukuwo hegbɔa agbe wo la, nenema kee Vi la hã gbɔa agbe ame siwo wòdi.\" (Yohanes 5:21) Nya nyui si naa mɔkpɔkpɔ ame kae nye esi! Fifia gɔ̃ hã la, Vi la le ame kukuwo fɔm ɖe tsitre xoxo le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Eya ta Yesu gblɔ be: \"Ame si sea nye nya, eye wòxɔa Ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, ke boŋ eto ku me yi agbe me.\"—Yohanes 5:24.\nVa de asi na ɣemaɣi la, nuŋlɔɖi aɖeke meli be Yesu fɔ ame kuku aɖe ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ haɖe o, gake egblɔ na ame siwo nɔ fɔ bumee la be woava fɔ amewo ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be: \"Gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\"—Yohanes 5:28, 29.\nTogbɔ be Yesu ƒe wɔƒe le vevie ŋutɔ hã la, ena eme kɔ be yebɔbɔ ɖe Mawu te, esi wògblɔ be: \"Nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; . . . nyemewɔa nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue mewɔna.\" (Yohanes 5:30) Yesu meƒo nu tso ɖoƒe vevi si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me la ŋu alea kpɔ le gaglãgbe o. Gake menye nya si Yesu gblɔ le nu siawo ŋu la koe nye ɖaseɖiɖi si le ame siwo le fɔ bumee la si o. Yesu ɖo ŋku edzi na wo be: \"Miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] gbɔ, eye wòɖi ɖase le nyateƒenya la ŋu na mi.\"—Yohanes 5:33.\nAnɔ eme be Yesu nu tsolawo see be abe ƒe eve ene do ŋgɔ la, Yohanes gblɔ Ame si le emegbe gbɔna la ŋu nya na Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo. Woyɔ Ame sia be \"Nyagblɔɖila la\" kple \"Kristo la.\" (Yohanes 1:20-25) Esi Yesu nɔ enutsolawo ƒe susu hem yi ale si wode bubu gã Yohanes si wode game fifia la ŋu va yi dzi la, egblɔ be: \"Miedi be yewoakpɔ dzidzɔ gã aɖe le eƒe kekeli la me ɣeyiɣi kpui aɖe.\" (Yohanes 5:35) Gake ɖase si ɖim Yesu le ya lolo wu Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gɔ̃ hã tɔ.\nDɔ \"siwo wɔm mele [siwo dome dɔ si wòda fifi laa hã le] la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye be Fofo lae dɔm ɖa.\" Yesu gagblɔ kpee be: \"Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye.\" (Yohanes 5:36, 37) Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ɖase si Mawu ɖi tso Yesu ŋu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi.—Mateo 3:17.\nLe nyateƒe me la, taflatsɛdodo aɖeke mele ame siwo le fɔ bum Yesu la si be eya tae yewogbee ɖo o. Ŋɔŋlɔ siwo me wogblɔna be yewodzrona la tututue ɖi ɖase le eŋu. Yesu ƒo nya ta be: \"Ðe miexɔ Mose dzi se la, anye ne miexɔ dzinye se, elabena eŋlɔ nu tso ŋunye. Ke ne miexɔ nu siwo wòŋlɔ ɖi la dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase?\"—Yohanes 5:46, 47.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/%C6%92omedodo-le-eya-kple-fofoa-dome\/","date":"2019-06-19T04:15:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998882.88\/warc\/CC-MAIN-20190619023613-20190619045613-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975301623,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975301623344421}","num_words":733,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.\"—HEBRITƆWO 13:18.\nTOGBƆ be míaƒe nu vɔ̃ me nyenye, xexe si me míele kpakple Satana ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe mía dzi hã la, míate ŋu aƒo asa na woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia! Aleke míawɔe? To tete ɖe Mawu ŋu kple gɔmeɖose siwo le eƒe Nya, Biblia, me siwo ɖea vi tso blema ke la ŋu dɔwɔwɔ me. Bu gɔmeɖose siawo dometɔ eve ŋu kpɔ.\nBIBLIA ME GƆMEÐOSE: \"Miganɔ agbe abe ale si xexe sia me tɔwo nɔnɛ la ene o.\"—Romatɔwo 12:2, New Jerusalem Bible.\nAgbemeŋutinya: Guilherme nye Braziltɔ si kpɔ dzidzedze le asitsatsa me. Elɔ̃ ɖe edzi be mele bɔbɔe be ame nanye anukwareɖila o. Egblɔ be: \"Ele bɔbɔe be asitsala nava nye anukwaremaɖila, ɖewohĩ le esi dɔwɔƒea ƒe taɖodzinuwo le eƒom ɖe enu alo le esi wòle dagbadagbam be yeakpɔ yeƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ le hoʋiʋli ƒe xexe sia me ta. Ame geɖe susuna be naneke megblẽ le zãnunana kple zãnuxɔxɔ ŋu o. Ne ènye asitsala, eye nugblẽfe geɖewo li wòle be nàxe la, anukwareɖiɖi menɔa bɔbɔe o.\"\nTogbɔ be ele alea hã la, Guilherme te ŋu ƒo asa na anukwaremaɖimaɖi. Egblɔ be: \"Togbɔ be ame geɖe mewɔa nuteƒe le asitsatsa me o hã la, anya wɔ be ame naɖi anukware. Ele be nàlé agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi sesĩe. Biblia na mekpɔ ale si anukwareɖiɖi ɖea vii. Dzitsinya nyui, susu me ƒe akɔdzeanyi kple bubu nɔa ame si ɖia anukware la ŋu. Eƒe agbenɔnɔ hã tea ŋu kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame siwo dome wòle la dzi.\"\nBIBLIA ME GƆMEÐOSE: \"Ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me, la me. Elabena nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.\"—1 Timoteo 6:9, 10.\nAgbemeŋutinya: André nye ame si ɖo dɔwɔƒe aɖe si dzraa dedienɔnɔ ŋuti mɔɖaŋunuwo. Edzraa eƒe adzɔnuwo na bɔlƒoha gã aɖe hã. Gbe ɖeka esi woƒo bɔl vevi aɖe si teƒe ame geɖe va kpɔ vɔ megbe la, André yi ɖatsɔ agbalẽ si dzi wòbu dɔ si wòwɔ la ŋuti fewo ɖo la na bɔlƒohaa dzikpɔlawo. Woƒe gadzikpɔlawo gakpɔtɔ nɔ ga si woxɔ tso tiketdzralawo gbɔ teti koe nye ema la xlẽm kple ŋkubiã. Esi zã do xoxo ta la, dɔdzikpɔla la tsɔ dzitsitsi xe fe na nudzralaawo, siwo dome André hã le.\nAndré gblɔ be: \"Esi menɔ mɔ dzi yina aƒe me la, mede dzesii be dɔdzikpɔlaa xe fea nam wògbɔ edzi. Menyae be ɖewohĩ manya wɔ be wòanya ame si wòxe fea na wògbɔ edzi la o. Gake menyae hã be ava hiã be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe kotokumega axe fe ɖe ga si bu la teƒe! Meɖoe be matrɔ gaa ayi nɛ. Togbɔ be bɔlkpɔlawo mimi wo nɔewo ɖo hã la, medze agbagba to wo dome yi ɖatsɔ ga si tsi edzi la nɛ. Ewɔ mo yaa na dɔdzikpɔlaa ŋutɔ. Ame aɖeke megbugbɔ ga vɛ nɛ kpɔ o.\"\nAndré gblɔ kpee be: \"Anukwareɖiɖi sia wɔe be dɔdzikpɔlaa va dea bubu ŋunye. Ƒe geɖe va yi, gake le nudzrala mawo katã dome la, nye koe ganye ame si wɔa dɔ kple bɔlƒoha sia. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame nyui siwo le Biblia me la dzi wɔwɔ na mexɔ ŋkɔ nyui.\"\nDzidzɔnyae wònye be míate ŋu aɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo dzi le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Ke hã, ame ɖekaɖekawo ƒe agbagbadzedzewo mate ŋu ana nu fitifiti wɔwɔ nu nayi keŋkeŋ o. Nu siwo gbɔ wòtso la gbɔ amegbetɔ madeblibowo ƒe ŋutete ŋu be woakpɔ wo gbɔ le wo ɖokui si. Ke ɖe esia fia be nu fitifiti wɔwɔ nu mayi gbeɖe oa? Nyati siawo ƒe mamlɛtɔ he susu yi nya sia ƒe ŋuɖoɖo fakɔname si le Biblia me la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121001\/possible-to-be-honest\/","date":"2019-06-25T21:49:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999948.3\/warc\/CC-MAIN-20190625213113-20190625235113-00448.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997818172,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978181719779968}","num_words":630,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yeanya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu, si fia be nàdze si ame si wònye, nu siwo wòlɔ̃ kple nu siwo wòlé fuia? Yehowa Mawu ɖe eŋuti nyateƒe bliboa fia le eƒe Nya, Biblia me. Gake menye ame sia ame koe ate ŋu axlẽ Biblia ake ɖe nyateƒe ma ŋu o. Nu ka tae? Elabena mɔnukpɔkpɔe wònye be ame nanya Mawu ŋuti nyateƒea, eye menye amewo katã sie wòsuna o. Na míadzro nu si Yesu gblɔ ku ɖe nya sia ŋu la me kpɔ.—Xlẽ Mateo 11:25.\nWodze mawunyakpukpui ma me nyawo gɔme be: 'Ɣemaɣi la, Yesu ɖo ŋu gblɔ bena.' Eya ta anɔ eme be nya si Yesu gblɔ ɖe nya sia yome la ku ɖe nu si dzɔ va yi teti ko la ŋu. Ðeko Yesu ka mo na Galilea dugã etɔ̃ me tɔ siwo mexɔ edzi se o togbɔ be ewɔ nukudɔwo le duawo me hafi la ŋu koe nye ema. (Mateo 11:20-24) Ðewohĩ àbia be, 'Aleke wòate ŋu adzɔe be amewo nakpɔ Yesu ƒe nukudɔ mawo teƒe gake woagbe nyateƒenya siwo wògblɔ la dzi xɔxɔ se?' Woƒe dzimesesẽ tae womexɔ edzi se o ɖo.—Mateo 13:10-15.\nYesu nyae be hafi míate ŋu anya Mawu ŋuti nyateƒe si le Biblia me la, míehiã nu eve: Woawoe nye Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple dzi nyui si anɔ mía si. Yesu gblɔ be: \"Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.\" Ède dzesi nu si tae míate ŋu agblɔ be nyateƒea nyanya tso Mawu ŋu le Biblia me la nye mɔnukpɔkpɔa? Gome le Yehowa si be wòatia ame si wòaɖe nyateƒea afia, elabena eyae nye \"dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ.\" Gake esia mefia be Mawu kpɔa ame ŋkume le go sia me o. Ke nu ka tae wòɖea Biblia me nyateƒea fiaa ame aɖewo, eye meɖenɛ fiana ame bubuwo ya o?\nYehowa vea ɖokuibɔbɔlawo nu, ke menye dadalawo o. (Yakobo 4:6) Eɣlaa nyateƒea ɖe \"nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo,\" siwo nye xexe sia me nunyalawo kple agbalẽnyala siwo susui be yewomehiã na eƒe kpekpeɖeŋu o, le woƒe dada kple ale si woɖoa dzi ɖe wo ɖokuiwo ŋu ta. (1 Korintotɔwo 1:19-21) Gake eɖea nyateƒea fiaa \"vidzĩwo,\" siwo nye ame siwo si dzi nyui le, siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo abe ɖeviwo ene la. (Mateo 18:1-4; 1 Korintotɔwo 1:26-28) Mawu ƒe Vi, Yesu, de dzesi ɖokuibɔbɔlawo kple dadalawo siaa. Subɔsubɔhakplɔla geɖe siwo nye agbalẽnyalawo kple dadalawo mese Yesu ƒe gbedeasia gɔme o, gake tɔƒodela bɔbɔɖokuiwo ya se egɔme. (Mateo 4:18-22; 23:1-5; Dɔwɔwɔwo 4:13) Le ɣeyiɣi ma ke me la, kesinɔtɔwo kple agbalẽnyala siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzi me la va zu Yesu yomedzelawo.—Luka 19:1, 2, 8; Dɔwɔwɔwo 22:1-3.\nNya si míebia le gɔmedzedzea me la gafɔ ɖe te be: Àdi be yeanya Mawu ŋuti nyateƒea? Ne èdii la, ke ɖewohĩ adzɔ dzi na wò be nànya be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe le xexe sia me la ŋu o. Gake evea ame siwo ɖewohĩ xexe sia me nunyalawo abu ame tsɛwoe la nu. Ne èbɔbɔ ɖokuiwò srɔ̃ Mawu ƒe Nyaa la, wò hã àte ŋu ava nɔ ame siwo ase eŋuti nyateƒea gɔme la dome—nunana xɔasie esia nye tso Yehowa gbɔ. Nyateƒe ma nyanya ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ le agbe me fifia, eye wò asi nasu \"agbe vavã la,\" si nye agbe tegbee nɔnɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye si ŋugbe Mawu do be ava kpuie me la dzi. *—1 Timoteo 6:12, 19; 2 Petro 3:13.\nBiblia Ƒe Akpa Si Míade Dzi Ƒo Na Wò Be Nàxlẽ Le January Me","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130101\/%C3%A8%C9%96e-wo-fia-vidz%C4%A9wo\/","date":"2019-06-25T03:56:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00506.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980969429,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980969429016113}","num_words":579,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me la, kuxi sesẽ siwo le abe ŋùwo ene la doa nuxaxa na Mawu subɔlawo katã. (2Ti 3:1) Aleke míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ale be míate ŋu anɔ te ɖe kuxi siawo nu dzidzedzetɔe? Mikpɔ video si nye \"Ŋkuagbatɔwo Ƒe Ŋku Aʋu\" be miakpɔ nu si Talita Alnashi kple edzilawo wɔ, eyome miaɖo biabia siawo ŋu:\nNu kae nye 'ŋù si le Talita ƒe ŋutilã me'?\nBiblia me ŋugbedodo kawoe kpe ɖe Talita kple edzilawo ŋu woyi edzi na nɔnɔme nyuitɔ nɔ wo si?\nAleke Talita dzilawo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esi wowɔ dɔ nɛ megbe kpuie?\nAleke Talita dzilawo wɔ nu siwo habɔbɔa na mí la ŋu dɔ nyuie tsɔ kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Mawu?\nAleke Talita ɖee fia be yele tsitsim le gbɔgbɔ me togbɔ be 'ŋù aɖe le eƒe ŋutilã me' hã?\nAleke Talita ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na wòe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may20-26\/dzidzedze-togb%C9%94-be-%C5%8B%C3%B9-le-%C5%8Butil%C3%A3-me\/","date":"2019-06-18T07:00:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998690.87\/warc\/CC-MAIN-20190618063322-20190618085322-00062.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9939545989,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.993954598903656}","num_words":152,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na Mía Nɔviŋutsu Kple Nɔvinyɔnu Lɔlɔ̃tɔwo:\nTso Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana ƒe gbãtɔ si nye January 1, 2008 tɔ dzi la, míedze nyati dodzidzɔname siwo ƒe tanyae nye \"Srɔ̃ Woƒe Xɔse\" tata gɔme. Tso ɣemaɣi la, nyati mawo dzena le Gbetakpɔxɔ me ɣleti etɔ̃ sia ɣleti etɔ̃, eye wodoa dzidzɔ na mí ŋutɔ!\nNya kae Gbetakpɔxɔ xlẽlawo gblɔ tso nyati siawo ŋu? Esi nyɔnu aɖe xlẽ nyati si ku ɖe Marta ŋu vɔ la, eŋlɔ bena: \"Esi mexlẽe vɔ la, meko nu, elabena eƒe nɔnɔme tututue le asinye—medina ɣesiaɣi be maxɔ nye amedzrowo nyuie, si wɔnɛ be metsoa hloloe, gake ɣeaɖewoɣi la, meŋlɔna be be, ele be makpɔ vovo ɖe xɔ̃nyeawo ŋu ahaɖo dze kpli wo.\" Esi ƒewuivi aɖe xlẽ Ester ƒe ŋutinyaa vɔ la, eƒo nya ta nyuie ale: \"Mekpɔe be ele bɔbɔe be míava nɔ dzi tsim ɖe nudodowo kple atsyã siwo le tsia dzi la ŋu fũu akpa. Ele eme be ele be míadzra ɖo nyuie ya; ke hã míadi be míawɔ nu wòagbɔ eme o.\" Egblɔ kpee be: \"Ame si míenye le ememe ye le vevie na Yehowa.\" Eye nyati aɖe si ƒo nu tso apostolo Petro ŋu xexlẽ na nɔvinyɔnu aɖe gblɔ vividoɖenuŋutɔe be: \"Esi menɔ ŋutinyaa xlẽm la, nye dzi katã ku ɖe eŋu. Ðeko wòwɔ nam abe ɖe mele nudzɔdzɔa teƒe ene! Mewɔa nye sidzenuwo ŋu dɔ be made dzesi nu siwo dzi wohe susu yi la nyuie.\"\nNya siwo nuxlẽla siawo kple bubu geɖewo ŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyati siawo ŋu fia la ɖo kpe nya si apostolo Paulo gblɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esi va yi la dzi be: \"Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.\" (Rom. 15:4) Ɛ̃, Yehowa na woŋlɔ ŋutinya siawo ɖe Biblia me be yeafia nu vevi aɖewo mí. Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale nyateƒea me o, mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso ŋutinya siawo me.\nMíele dzi dem ƒo na mi vevie be miaxlẽ agbalẽ sia kaba ale si wòanya wɔ. Mizã eya hã le miaƒe Ƒometadedeagu me—ɖeviwo akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ŋutɔ! Ne hamea le esrɔ̃m le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me la, mègana nusɔsrɔ̃ ɖeka pɛ hã nato ŋuwò o! Mègato eme dzradzradzra o, gbɔ dzi ɖi ɖe nuxexlẽa ŋu. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me; tsɔe be èle eteƒe hafi nuawo le dzɔdzɔm. Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo ƒe ŋutinya me dzrom wole la teƒe, kpɔ nu si kpɔm wonɔ. De dzesi ale si wowɔ nui le nɔnɔme si me wonɔ me eye nàkpɔe ɖa be nenye yee le nɔnɔme ma me ɖe aleke yeawɔ nui hã.\nDzidzɔ gã aɖee wònye na mí be míana agbalẽ sia nasu mia si. Neva eme be wòaɖe vi na mia kple wò ƒomea siaa. Míelɔ̃ mi vevie, eye míebia Yehowa ƒe yayra na mi,\nYehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/x%C9%94se-vav%C3%A3\/d%C9%94dzikp%C9%94haa-%C6%92e-l%C9%9Bta\/","date":"2019-06-19T19:03:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00036.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981036782,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998103678226471}","num_words":478,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hitoshi nye gakɔntabulawo dometɔ ɖeka le dɔwɔƒe aɖe le Japan. Esi Hitoshi kple eƒe amegã aɖe wonɔ gakɔnta me tom la, amegãa gblɔ nɛ be mele be wòaɖi anukware le gakɔntaa bubu me o. Hitoshi gblɔ nɛ be yeƒe dzitsinya maɖe mɔ na ye be yeada alakpa o. Amegãa gblɔ nɛ be ne mewɔ yeƒe gbe dzi o la, woanyae le dɔa me, eye mlɔeba wova nyae le dɔa me hã vavã.\nLe ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, dzi va ɖe le Hitoshi ƒo le esi dɔkpɔkpɔ nɔ sesẽm nɛ ta. Le kpɔɖeŋu me, esi Hitoshi yi dɔ diƒe gbe ɖeka eye wonɔ gbe biamee la, egblɔ be yemadi be yeawɔ nu fitifiti le dɔa me o. Ame si nɔ gbe biamee la gblɔ nɛ be, \"Wò nuŋububu to vovo ŋutɔ!\" Hitoshi ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo de dzi ƒo nɛ be wòalé eƒe anukwareɖiɖia me ɖe asi sesĩe, ke hã, eƒe susu va nɔ wɔwɔm eveveve. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: \"Meva nɔ ɖokuinye biam be nu nyui wònye be maɖi anukwarea?\"\nEwɔ nublanui ŋutɔ be menye ame sia amee dea asixɔxɔ anukwareɖiɖi ŋu o, abe ale si Hitoshi ƒe ŋutinyaa ɖee fia ene. Le nyateƒe me la, ame aɖewo asusu gɔ̃ hã be anukwareɖiɖi meɖea vi o, vevietɔ le asitsanyawo me. Nyɔnu aɖe si le dɔ wɔm le South Africa la gblɔ be: \"Anukwaremaɖilawo domee mele, eye nyaƒoɖeamenua nu sẽna ale gbegbe be avu kple kɔe wònyena nam ɣeaɖewoɣi be maɖi anukware.\"\nAlakpadada nye anukwaremaɖimaɖi ƒomevi aɖe si bɔ egbea ŋutɔ. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, Robert S. Feldman si nye susuŋutinunyala le Amerika ƒe yunivɛsiti aɖe (University of Massachusetts Amherst) la ƒe numekuku ɖee fia be ame tsitsi 60 le alafa me daa alakpa zi ɖeka ya teti le miniti ewo ƒe dzeɖoɖo me. Feldman gblɔ be: \"Esia wɔ nuku ŋutɔ. Míekpɔ mɔ kura be alakpadada axɔ aƒe ɖe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me alea gbegbe o.\" Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be ame akpa gãtɔ medina kura be woable yewo o, evɔ ame geɖe daa alakpa oa?\nNu ka tae alakpadada, fififi kple anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo bɔ egbea alea gbegbe ɖo? Aleke anukwaremaɖimaɖi le nu gblẽmee? Eye vevietɔ wu la, aleke míawɔ aƒo asa na anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2016\/nu-ka-ta-wodaa-alakpa\/","date":"2019-06-20T15:56:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980288744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980288743972778}","num_words":370,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Zipora Wɔ bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Mose srɔ̃ Zipora ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Zipora Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Zipora Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502014245\/univ\/art\/502014245_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/zipora\/","date":"2019-06-18T11:57:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00050.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985487461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985487461090088}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.13,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE ENYI ko Yosiya xɔ esime wòzu fia ɖe Israel ƒe anyieheto eve fiaɖuƒea dzi. Metsi kura hena fiaɖuɖu o. Eyata gbã la, ame tsitsi aɖewo kpe ɖe eŋu be wòaɖu dukɔ la dzi.\nEsi Yosiya ɖu fia ƒe adre la, ede asi Yehowa didi me. Edze fia nyuiwo abe Dawid, Yosafat, kple Xizkiya ene ƒe kpɔɖeŋu yome. Emegbe esi wònye ƒewuivi ko la, Yosiya wɔ kalẽdɔ aɖe.\nIsrael-viwo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi ŋutɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe. Wosubɔ alakpamawuwo. Wode ta agu na legbawo. Eyata Yosiya kple eƒe amewo tso, eye wodze egɔme ɖe alakpamawuwo ɖa le anyigba la dzi. Dɔ gã aɖe enye esia, elabena alakpamawu subɔlawo sɔ gbɔ. Àte ŋu akpɔ Yosiya kple eƒe amewo le afisia wole legbawo gbãm.\nEmegbe la, Yosiya ɖo ŋutsu etɔ̃ Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzraɖo nu. Wodzɔ ga le ameawo si hetsɔ na ŋutsu etɔ̃ siawo be woatsɔ axe fee na dɔwɔlawo. Esi wonɔ gbedoxɔa tum la, nunɔlagã Xilkiya kpɔ nu vevi aɖe le afima. Enye segbalẽ, si Yehowa na Mose ŋlɔ gbaɖegbe ʋĩ ke la. Ebu hena ƒe geɖe.\nWotsɔ agbalẽ la yi na Yosiya, eye wòbia be woaxlẽe na ye. Esi Yosiya nɔ to ɖom la, edze sii be ameawo mele Yehowa ƒe se dzi wɔm o. Esia vee ŋutɔ, eyata wòvuvu eƒe awuwo abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Egblɔ be: 'Yehowa do dɔmedzoe ɖe mía ŋu, elabena mía fofowo mewɔ se, si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o.'\nYosiya bia nunɔlagã Xilkiya be wòadi nusi Yehowa le yewo wɔ ge la. Xilkiya yi nyɔnu nyagblɔɖila aɖe, si nye Xulda gbɔ hebia nya lae. Etsɔ Yehowa ƒe gbedasi sia nɛ be wòatsɔ ayi na Yosiya: 'Woahe to na Yerusalem kple dukɔ la katã, elabena wosubɔ alakpamawuwo, eye nuvlowɔwɔ yɔ anyigba la dzi. Gake esi wò, Yosiya nèwɔ nusi nyo ta la, tohehe la mava o, negbe le wò ku megbe hafi.'","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/fia-yosiya\/","date":"2019-06-19T10:32:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998943.53\/warc\/CC-MAIN-20190619083757-20190619105757-00440.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996507168,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996507167816162}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nàte ŋu awɔ\nKpɔ sukudede ƒe viɖewo dze sii. Dze agbagba nàkpɔ sukudede ƒe viɖewo adze sii. Menye nu siwo katã nèsrɔ̃na le suku la ƒe viɖe nàte ŋu akpɔ adze sii fifia o. Ke hã nusɔsrɔ̃ tso nu vovovowo ŋu ana nànya nu geɖe tso xexea me ŋu. Akpe ɖe ŋuwò nàzu \"\nnuwo katã na ame ƒomeviwo katã,\" eye wòana nànya ale si nàɖo dze kple ame ƒomevi vovovowo. (1 Korintotɔwo 9:22) Ne mede ɖeke o hã la, ana wò tamebubuŋutete nanyo ɖe edzi, eye ŋutete sia ava ɖe vi na wò godoo le etsɔ me.\nDze gbagba nàkpɔ nu nyui si wò nufiala wɔna na wò la dze sii. Ne èwɔ abe wò nufiala ƒe nu tia wò ene la, tsɔ susu ɖo eƒe nufiafia dzi, ke menye eya amea dzi o. Ðo ŋkui be wò nufiala fia nu mawo ke ame geɖewo zigbɔzi nanewo kpɔ le sukuxɔ bubuwo me. Eya ta asesẽ nɛ be wòagafia nu mawo kple dzo abe ale si wòwɔe tsã ene.\nAɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ nu siwo gblɔm wòle ɖi, ne nane me mekɔ na wò o la, biae bubutɔe wòaɖe eme na wò, eye kpɔ dzidzɔ ɖe nu si srɔ̃m nèle la ŋu.\nKpɔ ŋudzedze ɖe wò ŋutetewo ŋu. Sukudede ate ŋu aɖe wò ŋutete siwo ŋu menya nu tsoe tsã o la ɖe go. Paulo ŋlɔ na Timoteo bena: '\nDe dzo Mawu ƒe nunana si le mewò la me.' (2 Timoteo 1:6) Edze ƒãa be Timoteo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana aɖewo. Gake ehiã be wòatu \"nunana\" ma ɖo be wòadzi ɖe edzi alo wòagagu o. Ele eme be Mawu menaa sukuŋutetewo mí tẽe o. Ke hã ŋutete siwo le asiwò la wò ɖeka si ko wole. Sukudede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàva kpɔ wò ŋutete siwo mede dzesii tsã o la adze sii ahana nàtu wo ɖo ɖe edzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/sukudede-tim\/","date":"2019-06-18T12:54:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00526.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970836639,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970836639404297}","num_words":306,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE 1932 mee, le Mexico City, le November ƒe nuwuwu lɔƒo. Kwasiɖa ɖeka koe nye ema woli ʋutɔkaɖiti gbãtɔ ɖe dugã sia si me amewo sɔ gbɔ ɖo ŋutɔ la me. Dua me nɔlawo wu ame miliɔn ɖeka. Gake fifia, amewo megale nu ƒom tso ʋutɔkaɖitia ŋu kura o. Dugã ma me nyakakadɔwɔlawo trɔ susu ɖe nu bubu aɖe si le edzi yim le kwasiɖa sia me ŋu. Wo katã wolé woƒe fotoɖemɔ̃wo ɖe asi le mɔ kpɔm vevie na amedzro vevi aɖe. Ame kae? Eyae nye Joseph F. Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi. Ðasefo siwo nɔ nutoa me hã nɔ lalam vevie be yewoado wòezɔ na Nɔviŋutsu Rutherford, si va be yeade ŋkeke etɔ̃ takpekpe si wowɔ le dukɔa me la vividoɖeameŋutɔe.\nThe Golden Age, alo Nunyonameɣi magazinea, gblɔ be: \"Ðikeke aɖeke mele eme o be takpekpe sia anye wɔna ɖedzesi aɖe le ŋutinya me, si awɔ akpa vevi aɖe le Nyateƒea ƒe ŋgɔyiyi me le Mexico dukɔa me.\" Gake nu kae na takpekpe sia si ame siwo ade 150 pɛ ko de la ɖe dzesi nenema gbegbe?\nDo ŋgɔ na takpekpe ma la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa menɔ ku tsem tututu le Mexico o. Tso ƒe 1919 me ke la, wowɔa takpekpe suewo, ke hã, hameawo ƒe xexlẽme dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim. Esi woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Mexico City le ƒe 1929 me la, edze abe nuwo atsɔ afɔ nyuie ene. Ke hã, kplamatsɛdonuwo nɔ anyi. Esi habɔbɔa gblɔ na nyanyuikakalawo (alo mɔɖelawo) be mele be woatsɔ asitsatsa atsaka kple gbeƒãɖeɖedɔa o la, esia ɖe fu na nyanyuikakala aɖe ale gbegbe be edo le nyateƒea me heyi ɖaɖo eya ŋutɔ ƒe Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, alɔdzedzikpɔlaa va nɔ agbe aɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wotsɔ ame bubu ɖɔ lii. Eya ta, ehiã be woade dzo yeye Ðasefo nuteƒewɔla siwo le Mexico la me.\nEsi Nɔviŋutsu Rutherford va dukɔa me la, ede dzi ƒo na nuteƒewɔlawo ale gbegbe. Eƒo nuƒo ʋãme eve le takpekpea me eye wòƒo nuƒo wɔdɔɖeamedzi atɔ̃ le radio dzi. Emae nye zi gbãtɔ si nɔviwo zã radio tsɔ kaka nya nyuia le Mexico dukɔ bliboa me. Le takpekpea megbe la, alɔdzedzikpɔla yeye si woɖo la wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eye Ðasefo dovevienuwo yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple dzo yeye, eye Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi.\nLe ƒe si kplɔe ɖo me la, menye takpekpe ɖeka koe wowɔ o, ke takpekpe eve; wowɔ ɖeka le melidzeƒedu si nye Veracruz me, eye wowɔ evelia le Mexico City. Dɔ si wɔm nɔviawo nɔ kutrikukutɔe la va nɔ ku tsem azɔ. Le ƒe 1931 me la, gbeƒãɖela 82 ye nɔ dukɔa me. Le ƒe ewo megbe la, wodzi ɖe edzi teƒe ewo sɔŋ! Ame siwo ade 1,000 ye de Teokrasi Takpekpe la, le Mexico City, le ƒe 1941 me.\n\"WODO ÐE ABLƆWO DZI BIBIBI\"\nLe ƒe 1943 me la, Ðasefowo kpla pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la ɖe akɔta kple dzime helɔ hoo tsa le ablɔwo dzi tsɔ do boblo \"Ablɔɖe Dukɔ\" ƒe Teokrasi Takpekpe si wowɔ le Mexico ƒe dugã 12 me. * Dzesiwo kpakpla alea nye mɔnu aɖe si Ðasefowo tsɔ ɖea gbeƒã takpekpewo tso ƒe 1936 me.\nMagazine aɖe (La Nación) gblɔ tso ale si nɔviwo ƒe boblodomɔnua kpɔ dzidzedze le Mexico City ŋu be: \"Le [takpekpea] ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wobia tso [Ðasefoawo] si be woagakpe ame geɖe wu ava takpekpea. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, vavalawo va sɔ gbɔ ale gbegbe be wo katã womete ŋu kpɔ mɔ le takpekpewɔƒea o.\" Ale si gbegbe amewo va takpekpea le Ðasefoawo ƒe boblododoa ta la medze Katolikohaa ƒe kplɔlawo ŋu o, eya ta wotsi tsitre ɖe Ðasefoawo ŋu. Ke hã, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒo dzi nɔ la gakpɔtɔ nɔ boblo dom takpekpea le ablɔwo dzi. Magazine ma ke ka nya ta be: \"Ŋutsu kple nyɔnu siwo kpla boblodonuawo ɖe akɔta kple dzime la zu nukpɔkpɔ . . . na dua me tɔwo katã.\" Foto aɖe si me nɔvi siwo le ablɔ dzi le Mexico City dze le la hã kpe ɖe nyatakakaa ŋu le magazinea me. Woŋlɔ ɖe fotoa te be: \"Wodo ɖe ablɔwo dzi bibibi.\"\n\"ABA SIAWO BƆBƆ HELÉA FAFA NU WU SIMINTIKPE ƑUƑLUA\"\nLe ƒe mawo me la, Ðasefo akpa gãtɔ tsɔa nu geɖe ŋutɔ saa vɔe hafi tea ŋu dea takpekpe ʋɛ siwo wowɔna le Mexico. Takpekpevala geɖewo tsoa kɔƒe totroe siwo me ketekemɔwo kple ʋumɔwo meto o la me. Hame aɖe ka nya ta be, \"Telegrafkawo koe to míaƒe kɔƒea me.\" Le esia ta, ele be ame siwo yina takpekpe la nado tedzi alo azɔ afɔ ŋkeke geɖe hafi aɖo afi si woaɖo keteke le ayi du si me woawɔ takpekpea le la me.\nÐasefo akpa gãtɔ da ahe, eye bebli hafi wotea ŋu kpɔa ga si asu na mɔzɔzɔ ayi takpekpewɔƒea teti gɔ̃ hã. Wo dometɔ geɖe dzea Ðasefo siwo le dua me la gbɔ, eye nɔvi siwo le dua me la xɔa wo nyuie ɖe woƒe aƒewo me hewɔa nu ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Wo dometɔ aɖewo hã mlɔa Fiaɖuƒe Akpatawo me. Le takpekpe aɖe wɔɣi la, takpekpevala siwo ade 90 la tsi alɔdzedɔwɔƒea dɔ, eye wofɔ \"agbalẽgo blaeveblaeve siwo me agbalẽwo le la kpe na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòamlɔ edzi.\" Ƒegbalẽa gblɔ be nɔviawo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ŋutɔ, elabena wokpɔe be \"aba siawo bɔbɔ heléa fafa nu wu simintikpe ƒuƒlua.\"\nÐasefo mawo siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la kpɔe be nu siwo katã yewotsɔ saa vɔ ale be yewoate ŋu ade ha kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe takpekpewo me la ɖea vi ŋutɔ. Egbea, esi gbeƒãɖela siwo le Mexico ƒe xexlẽme le miliɔn ɖeka gogom la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ƒe gbɔgbɔ ma gakpɔtɔ le wo me. * Le ƒe 1949 me la, Mexico alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta le nɔviawo ŋu be: \"Nɔnɔme sesẽ siwo me wotona la menana dzo si le wo me ɖe Teokrasiwɔnawo ŋu la ɖiɖina o, elabe ɣesiaɣi si míede takpekpe aɖe la, takpekpea va nyea nu si koŋ ŋu woɖoa dze tsoe hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye nya si nɔviawo biana enuenu ye nye, Ɣekaɣie míagawɔ takpekpe bubu?\" Nyatakaka sia gakpɔtɔ nye nyateƒe egbea abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe, le Central America.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-august-2017\/yehowa-%C9%96asefowo-takpekpe-gb%C3%A3t%C9%94wo-mexico-city\/","date":"2019-06-20T15:59:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00401.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987733364,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987733364105225}","num_words":1029,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.\nTahiti\nP.K. 2,7 Cote mer\nToahotu\nTaiarapu Ouest\nTARAVAO TAHITI\nFRENCH POLYNESIA\n+689 54-70-00\nTsaɖiɖi\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ga 11 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 4\nTsaɖiɖia axɔ gaƒoƒo 1 miniti 30\nNu Ðedzesiwo\nMíeɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Tahitigbe me. Míekpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-fiafiadɔ dzi le ƒukpowo kple ƒukpohatsotso siwo xɔ teƒe gã si aɖe si lolome ade Ɣetoɖoƒe Europa ƒe lolome nu la ƒe dɔwo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/tahiti\/","date":"2019-06-18T10:39:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00122.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996091723,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996091723442078}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃, etrɔa susu le mɔ sia nu be ne amewo trɔ woƒe nuwɔnawo la eya hã trɔa nɔnɔme ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe be wòayi aɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na blema Israel-viwo la, egblɔ be: \"Ðewohĩ woasee, eye ame sia ame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi, ekema matrɔ susu, eye nyemagahe vɔ̃ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la ava wo dzi o.\"\nWoɖe nya sia gɔme le Biblia aɖewo me be Mawu \"trɔ dzi me\" le vɔ̃ si wòɖo be yeawɔ la gome. Woƒe nya sia ate ŋu afia be Mawu da vo. Gake Hebrigbe me nya si gɔme woɖe la ate ŋu afia \"trɔ susu alo trɔ tame.\" Agbalẽnyala gã aɖe ŋlɔ bena: \"Ne amewo trɔ woƒe nuwɔna la, Mawu hã trɔa ʋɔnu si wòɖo be yeadrɔ̃ wo la.\"\nKe hã, ele be míade dzesii be togbɔ be Mawu tea ŋu trɔa susu hã la, mezi edzi be wòatrɔ susu ɣesiaɣi o. Kpɔ Biblia me nudzɔdzɔ siwo me Mawu metrɔ susu le o la dometɔ aɖewo ɖa:\nÐe Biblia megblɔ be Mawu metrɔna oa?\nƐ̃, Mawu gblɔ le Biblia me be: \"Nye Yehowa nyemetrɔ o.\" (Malaki 3:6) Nenema kee Biblia gblɔ be Mawu \"metrɔna abe vɔvɔli ene o.\" (Yakobo 1:17) Gake nya sia metsi tsitre ɖe nya si Biblia gblɔ be Mawu trɔ susu la ŋu o. Mawu metrɔna o le susu sia nu be eƒe nɔnɔmewo kple eƒe dzidzenu ku ɖe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu metrɔna gbeɖe o. (5 Mose 32:4; 1 Yohanes 4:8) Gake etea ŋu naa mɔfiame vovovowo amewo le ɣeyiɣi vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu na mɔfiame vovovowo Fia David le aʋa eve aɖewo me, gake mɔfiame eveawo katã kpɔ dzidzedze.\nÐe wòve Mawu be yewɔ amegbetɔwoa?\nAo, togbɔ be evenɛ be ame akpa gãtɔ meɖoa to ye o hã. Biblia gblɔ tso ale si nɔnɔmeawo nɔ le anyigba dzi do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋu be: \"Eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ.\" (1 Mose 6:6) Dɔwɔnya si wozã le kpukpui sia me be \"eve\" nye Hebrigbe me nya aɖe si ate ŋu afia \"trɔ susu.\" Mawu trɔ susu ku ɖe ame siwo nɔ anyigba dzi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa dometɔ akpa gãtɔ ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. (1 Mose 6:5, 11) Togbɔ be etena ɖe Mawu dzi be amewo tsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe hã la, metrɔ susu ku ɖe amegbetɔƒome bliboa ŋu o. Le nyateƒe me la, ekpɔ amegbetɔƒomea ta le Tsiɖɔɖɔa me esi wòna Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-mawu-tr%C9%94a-susua\/","date":"2019-06-18T03:05:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973583221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973583221435547}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Austin nɔ alɔ̃ me eye eƒe gaƒoɖokui ɖi la, efɔ enumake togbɔ be alɔ̃ nɔ mo nɛ hã. Edo eƒe kamedewu si wòda ɖe asitsɔƒe le zã si do ŋgɔ me eye wòyi ɖade kame vie abe ale si wòwɔnɛ zi etɔ̃ le kwasiɖa me le ƒe si va yi me ene.\nÐeko Laurie kple srɔ̃aŋutsu wɔ dzre aɖe vɔe nye ema. Le ale si wòdo dziku hetɔtɔe ta la, ege ɖe dzodoƒea eye wòtsɔ kpetike aɖewo siwo le aŋekotoku me heɖu wo katã abe ale si wòwɔna ɣesiaɣi si wòdo dziku ene.\nNu kae ɖe dzesi le Austin kple Laurie ŋu? Wonya alo womeɖanya o, nane si wowɔna wotsi wo sie kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi.\nKe wò ɖe? Ðe nɔnɔme nyui aɖewo li siwo nàdi be yeatu ɖo le wò agbe mea? Ðewohĩ wò taɖodzinue nye be yeanɔ kame dem edziedzi, adɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme nyuie alo ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wò kple wò ame veviwo dome.\nLe go bubu me la, ɖewohĩ àdi be yeaɖe asi le numame gbegblẽ aɖewo abe sigaretnono, nuɖuɖu siwo medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu alo Internet dzi nɔnɔ fũu akpa ene ŋu.\nÀlɔ̃ ɖe edzi be menɔa bɔbɔe be woaɖe asi le numame gbegblẽ aɖe ŋu o. Le nyateƒe me la, wogblɔna be detsi vivi ye hea zikpui: Eɖuɖu vivina ale gbegbe be míedina be míaɖe asi le eŋu o!\nEya ta aleke nàna nɔnɔme siwo le asiwò naɖe vi na wò tsɔ wu be nàna woagblẽ nu le ŋuwò? Na míade ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siwo gbɔna siwo wotu ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la ŋu kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2016-august\/numamewo\/","date":"2019-06-18T02:55:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971462488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971462488174438}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Kristotɔwo si dzo le Yudea hafi Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 lia Mía Ŋɔlia?\n\"Ne miekpɔ aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi heɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi, eye ame siwo le dua me la nadzo.\" (Luka 21:20, 21) Mɔfiame siawoe Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ale si woava tsrɔ̃ Yerusalem ŋu. Ðe kpeɖodzi li be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzia?\nƑe geɖe le Yesu ƒe ku megbe la, Roma-srafo siwo Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na la va Palestina be yewoatsi aglãdzedze aɖe si nɔ edzi yim la nu. Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus, si nɔ anyi ɣemaɣi la ɖo kpe edzi be nu sia dzɔ. Roma-srafoawo ɖe to ɖe Yerusalem, eye wòdze kɔtɛ be woadze dugã la dzi hafi. Gake kasia, Gallus ɖe gbe na eƒe asrafowo, eye wotrɔ dzo. Sɔleme ŋutinyaŋlɔla Eusebius ka nya ta be Kristotɔ siwo nɔ Yudea la wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ si yi Pella, si nye dugã aɖe si le Dekapoli ƒe tonutowo me.\nLe ƒe 70 Mía Ŋɔli, si nye ƒe aɖewo megbe la, Roma-srafoha bubu, si Aʋafia Titus nɔ ŋgɔ na la trɔ va heɖe to ɖe Yudatɔwo ƒe fiadua. Fifia ya, asrafoawo wu dɔ si Gallus mewɔ de goe o la nu, si nye be wotsrɔ̃ dugã la gbidii. Woxaxa Yerusalemtɔ akpe alafa geɖe ɖo le goawo katã me hewu wo.\nAme kawoe nye \"nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo\"?\nBiblia ƒo nu tso ŋutsu siwo woyɔ be \"nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo\" ŋu le ŋutinya siwo ku ɖe Samuel, Eliya kple Elisa ŋu la me. Le kpɔɖeŋu me, esi Elisa na woɖo Yehu Israel fiae la, Elisa dɔ \"nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo\" dometɔ ɖeka be wòayi aɖasi ami nɛ.—2 Fiawo 9:1-4.\nAgbalẽnyalawo xɔe se be nyagbe ma ku ɖe ame siwo nɔ hehe xɔm alo ƒuƒoƒo aɖe me tɔ siwo wɔa nu ɖekae la ŋu. Le agbalẽ aɖe (Journal of Biblical Literature) ƒe nya nu la, anɔ eme be ƒuƒoƒo sia me tɔwo \"tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi be yewoawɔ subɔsubɔdɔ na Yahweh [Yehowa] le nyagblɔɖila si nye . . . gbɔgbɔmefofo na wo la ƒe mɔfiafia te.\" (2 Fiawo 2:12) Le nyateƒe me la, wogblɔ le nuŋlɔɖi si ku ɖe amisisi na Yehu ŋu me be Elisa ƒe ame dɔdɔ la nye \"nyagblɔɖila ƒe subɔvi.\"—2 Fiawo 9:4, NW.\nEdze abe alɔme menɔ \"nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo\" si boo o ene. Le Elisa ŋɔli la, wogblɔ tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi aɖewo ŋu be wowɔ nɔƒe na wo ɖokuiwo, eye be woɣe fía ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. (2 Fiawo 6:1-5) Ale si wogblɔ be ahosi aɖe \"tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo\" ƒe srɔ̃wo dome la ɖee fia be wo dometɔ aɖewo nye srɔ̃tɔwo. (2 Fiawo 4:1) Edze kɔtɛ be Israel vi nuteƒewɔlawo kpɔ ŋudzedze ɖe nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ŋu, elabena nuŋlɔɖia gblɔ be ɣeaɖeɣi la, wotsɔ nuɖuɖu vae na wo.—2 Fiawo 4:38, 42.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121001\/destruction-of-jerusalem\/","date":"2019-06-27T05:41:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00318.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995387793,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999538779258728}","num_words":467,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menɔ nyɔnuvi sue ene siwo wotia be woatsɔ seƒoƒowo ana Adolf Hitler le eƒe nuƒo aɖe ƒoƒo vɔ megbe la dome. Nu ka tae wotiam? Fofonye ƒo eɖokui ɖe Nazitɔwo ƒe dɔwɔnawo me ŋutɔ, eye wònye dunyahehabɔbɔ ma ƒe alɔdze si le míaƒe nutoa me la ƒe amegã aɖe ƒe ʋukula. Danye nye Katolikotɔ dovevienu aɖe eye wòdi be mava nye sista. Togbɔ be nuwo nɔ alea hã, nyemeva zu Nazitɔ o, eye nyemezu sista hã o. Na maɖe eme na wò.\nDUGà si nye Graz, si le Austria ye wodzim le. Esi mexɔ ƒe adre la, wodem suku aɖe si me wonaa hehe amewo le hã be woanye sistawo. Ke hã, gbɔdɔnuwɔna aɖewo siwo yi edzi le nunɔlawo kple sistawo dome si teƒe mekpɔ la wɔ moyaa nam ŋutɔ. Eya ta, mede ƒe ɖeka hafi danye na medo le suku ma o.\nEmegbe meva de suku bubu aɖe eye menɔ kpoa dzi. Le zã aɖe me la, fofonye va kplɔm dzoe le sukua, elabena wonɔ bɔmb dam ɖe Graz vevie. Eya ta, míeyi ɖadi sitsoƒe le Schladming. Esi míeto tɔdzisasrãa dzi ge ɖe dua me vɔ teti koe woda bɔmb wògbã tɔdzisasrãa. Ɣebubuɣi esime nye kple mamanye míenɔ xɔxɔnua la, aʋawɔyameʋu siwo dzo va to dua ta tututu la me nɔlawo nɔ tu dam aƒea me. Kaka aʋaa nake la, míekpɔe be míate ŋu aɖo ŋu ɖe sɔlemea kple dziɖuɖua siaa ŋu o.\nMEVA DZE SI KPEKPEÐEŊUNALA SI MEGBLẼA AME ÐI O\nLe ƒe 1950 me la, Yehowa Ðasefo aɖe va nɔ Biblia srɔ̃m kple danye. Meɖoa to ne wole nua srɔ̃m eye mekplɔa Dada ɖo míedea hame ƒe kpekpe aɖewo gɔ̃ hã. Esi Dada va ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le la, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1952 me.\nƔemaɣi la, ewɔna nam be hame si me míenɔ la le abe nyagãɖeɖiwo ƒe ha aɖe ko ene. Gake emegbe esi míeva de kpekpe aɖe le hame bubu si me sɔhɛ geɖe nɔ me la, meva kpɔe be sigbeɖe, menye nyagãɖeɖiwo ƒe habɔbɔe wònye kura o! Esi míetrɔ yi Graz la, meva nɔ kpekpeawo katã dem, eye eteƒe medidi hafi nye hã meva ka ɖe edzi be nyateƒeae nye ema srɔ̃m menɔ o. Meva kpɔe hã be Yehowa nye Mawu si megblẽa esubɔlawo ɖi gbeɖe o. Eye ne nɔnɔme sesẽwo ɖe kpe na mí ale gbegbe be wɔna vɔ le mía ŋu gɔ̃ hã la, megblẽa mí ɖi o.—Ps. 3:5, 6.\nMenɔ didim vevie be magblɔ nyateƒea na amewo. Nɔvinyewoe meƒo nu tso nyateƒea ŋu na gbã. Ɣemaɣi la, daanye eneawo ʋu le aƒe me xoxo, eye wonye sukunufialawo. Gake meyi ɖasrã wo kpɔ le kɔƒe vovovo siwo me wonɔ la me hede dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia. Mlɔeba, nɔvinyeawo katã va srɔ̃ Biblia hezu Yehowa Ðasefowo.\nLe kwasiɖa evelia me tso esime medze tso aƒe me yi aƒe me dɔa gɔme la, medo go nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 30-awo me, eye mete Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Ewɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ eye emegbe srɔ̃a kple viaŋutsu eve hã wɔ nenema ke. Nusɔsrɔ̃ kplii do ŋusẽ nye ŋutɔ hã nye xɔse. Nu ka tae? Ame aɖeke mesrɔ̃ Biblia kplim hafi meva xɔ nyateƒea o. Eya ta, medzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu nyuie. Ne míagblɔe la, efia be mefiaa nu ɖokuinye gbã ale be mate ŋu afia nu nye Biblia nusrɔ̃via hã! Esia na megase nyateƒea gɔme nyuie wu. Le April 1954 me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa dzi.\n'WOTI MÍA YOME, KE WOMEGBLẼ MÍ ÐI O'\nLe ƒe 1955 me la, mede dukɔwo dome takpekpewo le Germany, France kple England. Esime menɔ London la, medo go Albert Schroeder. Ɣemaɣi la, enye sukunufiala le Gilead Biblia Sukua, eye emegbe eva nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ. Esime míenɔ tsa ɖim le Britain Blemanudzraɖoƒea la, Nɔviŋutsu Schroeder he míaƒe susu yi Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo dzi. Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la dze le wo me, eye wòƒo nu tso woƒe vevienyenye ŋu na mí. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye wògatem ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, si wɔe be meɖoe kplikpaa wu tsã be maɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea na amewo.\nMezu gbesiagbe mɔɖela le January 1, 1956 dzi. Ɣleti ene megbe la, woɖom mɔɖela vevi le Austria. Ɣemaɣi la, Ðasefo aɖeke menɔ Mistelbach, si nye du si me woɖom ɖo la o. Gake kuxi bubu aɖe hã dze ŋgɔm. Nye kple nye zɔhɛ mɔɖelaa míeto vovo. Mexɔ ƒe 19 kloe ɣemaɣi eye metso dugã me; ke eya xɔ ƒe 25 eye wòtso kɔƒe me. Nyemefɔna kaba ŋdi me o; gake eya fɔna kaba. Nyememlɔa anyi kaba zã me o; gake eya mlɔa anyi kaba. Ke hã, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ wɔe be míete ŋu kpɔ kuxi mawo gbɔ eye míenye zɔhɛ nyuiwo na mía nɔewo le mɔɖeɖedɔa me.\nLe nyateƒe me la, míedo go kuxi siwo lolo wu. Woti mía yome gɔ̃ hã, gake Yehowa 'megblẽ mí ɖi o.' (2 Kor. 4:7-9) Gbe ɖeka esime míenɔ gbeƒã ɖem le kɔƒe aɖe me la, ame aɖewo ɖe asi le woƒe avuwo ŋu. Kasia, avu gã aɖewoe nye ema lũ ɖe mía dzi, wole wowóm heklẽ aɖu ɖe mía ŋu. Míelé mía nɔewo ƒe asi hedo gbe ɖa be, \"Yehowa, míeɖe kuku ne avuawo ɖu mí la, na míaku kaba!\" Esime avuawo gogo mí abe abɔ ƒe didime ko ene la, wotɔ heʋuʋu woƒe asikewo, eye wotrɔ dzo. Míese le mía ɖokui me be Yehowa ye kpɔ mía ta. Eyome míeɖe gbeƒã le kɔƒe bliboa me, eye dzidzɔtɔe la, ameawo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Ðewohĩ esi avuawo mewɔ nu vevi mí o alo ale si míeyi edzi ɖe gbeƒã le nudzɔdzɔ dovoɖiname ma megbe gɔ̃ hã la wɔ nuku na wo. Emegbe wo dometɔ aɖewo va zu Ðasefowo.\nNu bubu aɖe gadzɔ si na míevɔ̃. Gbe ɖeka, míaƒe aƒea tɔ mu aha vlevlevle hafi gbɔ va aƒea me eye wònɔ gbɔgblɔm be yeawu mí, elabena míele fu ɖem na nutoa me tɔwo. Srɔ̃a dze agbagba be yealé avua, gake gbeɖegbeɖea koe. Míenɔ míaƒe xɔ me le dzisasrãa dzi nɔ nu sia nu si nɔ edzi yim la sem. Míefɔ zikpuiwo ɖo míaƒe ʋɔtrua nu enumake hete míaƒe agbawo fɔfɔ. Esi míeʋu ʋɔtrua be míasi la, aƒea tɔ ye nye ema le tsitre ɖe mɔa nu eye wòlé hɛ gã aɖe ɖe asi. Eya ta, míetsɔ míaƒe agbawo hesi to megbeʋɔtrua nu heɖi to abɔa me, eye míegatrɔ va aƒea me azɔ o.\nMíekpɔ xɔ le amedzrodzeƒe aɖe. Míenɔ afi ma ƒe ɖeka kloe, eye esia de míaƒe subɔsubɔdɔa dzi ŋutɔ. Le mɔ ka nu? Amedzrodzeƒea nɔ dua titina, eye míaƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖewo di be yewoasrɔ̃ Biblia le afi ma. Eteƒe medidi o, míeva nɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃a kple kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔm le míaƒe xɔa me, eye ame abe 15 ene dea kpekpea.\nMíenɔ Mistelbach ƒe ɖeka kple edzivɔ. Emegbe woɖom ɖe Feldbach, le Graz ƒe anyieheɣedzeƒe godzi. Wona zɔhɛ mɔɖela bubum, gake le afi sia hã la, hame aɖeke menɔ anyi o. Míenɔ xɔ sue aɖe me le atixɔ aɖe ƒe dzisasrã evelia dzi. Ne ya le ƒoƒom to xɔtiawo domee la, yaa ƒe hoowɔwɔ ɖea toɣli, eya ta míetsɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo tre doawo. Azɔ hã, vudo mee míedua tsi le hafi zãna. Gake míaƒe agbagbadzedzeawo ɖe vi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, míeɖo ƒuƒoƒo ɖe afi ma. Emegbe ƒome aɖe si míesrɔ̃ Biblia kplii la me tɔ 30 va xɔ nyateƒea!\nNuteƒekpɔkpɔ siawo na mekpɔe be Yehowa megblẽa ame siwo tia Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome la ɖi gbeɖe o, eye esia wɔe be megalɔ̃ Yehowa wu. Ne amegbetɔ aɖeke mate ŋu axɔ na mí o gɔ̃ hã la, Yehowa ya li na mí ɖaa.—Ps. 121:1-3.\nMAWU ƑE \"DZƆDZƆENYENYE ƑE NUÐUSI\" LÉM ÐE TE\nLe ƒe 1958 me la, wowɔ ɖoɖo ɖe dukɔwo dome takpekpe aɖe ŋu le New York City le Yankee Stadium kple Polo Grounds. Mekpe agbalẽ ɖo be made, eye Austria alɔdzedɔwɔƒea biam be madi be manɔ Gilead Suku ƒe klas 32 lia me hã. Aleke wɔ mana mɔnukpɔkpɔ nyui sia nato ŋunye? Meɖo eŋu na wo enumake be, \"Ɛ̃!\"\nLe Gilead Sukua la, menɔ Martin Poetzinger xa. Eto nɔnɔme dziŋɔwo me le Nazi fuwɔamesaɖawo me. Eya hã va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe. Le sukuxɔa me la, Martin doa dalĩ bianam ɣeaɖewoɣi be, \"Erika, nu kae nya ma fia le Germanygbe me?\"\nEva ɖo ɣeaɖeɣi le míaƒe sukua deɣi la, Nathan Knorr na míenya dukɔ siwo me woaɖo mí ɖo. Woaɖom ɖe Paraguay. Esi wònye be nyemetsi boo ɣemaɣi o ta la, ehiã be maxɔ mɔɖeɖe tso fofonye gbɔ hafi mate ŋu age ɖe dukɔ ma me. Esi mexɔ mɔɖeɖea tso egbɔ megbe la, meyi Paraguay le March 1959 me. Meva nɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Asunción, eye wona zɔhɛ yeyem.\nEteƒe medidi o, medo go Walter Bright, si nye dutanyanyuigblɔla si nɔ Gilead Suku ƒe klas 30 lia me. Míeva ɖe srɔ̃ eye míekpe ɖe mía nɔewo ŋu míekpe akɔ kple agbemekuxiwo. Ɣesiaɣi si nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa la, míexlẽa Yehowa ƒe ŋugbedodo si le Yesaya 41:10. Afi ma gblɔ be: \"Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò.\" Esia naa kakaɖedzi mí be zi ale si míeku kutri wɔ nuteƒe na Mawu hetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, magblẽ mí ɖi gbeɖe o.\nEmegbe woɖo mí ɖe nuto bubu aɖe si te ɖe Brazil ƒe dea dzi la me. Le afi ma la, sɔlemehakplɔlawo ƒo dzo ɖe sɔhɛwo te be woanɔ kpewo dam dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si me míenɔ la, evɔ menye ɖe aƒea nɔ nɔnɔme nyui me hafi hã o. Ɣemaɣi lɔƒo la, Walter va te Biblia sɔsrɔ̃ kple kpovitɔwo ƒe amegã. Ekpɔ egbɔ be kpovitɔwo va tɔna ɖe míaƒe aƒea gbɔ hena kwasiɖa ɖeka, si wɔe be mía yome tilawo megaɖe fu na mí o. Esia megbe kpuie la, habɔbɔa na míeʋu yi xɔ si nyo wu la me le Brazil ƒe dea godo. Esia va de mía dzi, elabena ewɔe be míetea ŋu wɔa kpekpewo le Paraguay kple Brazil siaa. Kaka míadzo le afi ma la, woɖo hame sue eve ɖe nutoa me.\nYEHOWA GALE KPEKPEM ÐE ŊUNYE\nNye ɖɔktawo na menya be nyemate ŋu adzi vi o, eya ta esi meva de dzesii le ƒe 1962 me be mefɔ fu la, ewɔ nuku na nye kple srɔ̃nye ŋutɔ! Mlɔeba, míeʋu va tsi Hollywood, le Florida, afi si te ɖe Walter ƒe ƒometɔwo ŋu. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, nɔn��meawo mesɔ na nye kple Walter be míawɔ mɔɖeɖedɔa o, le ƒomegbanɔamedziwo ta. Ke hã, míeyi edzi tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mat. 6:33.\nEsi míeva Florida le November 1962 me la, míekpɔ nane teƒe si wɔ nuku na mí. Esi medzɔa dzi na nutoa me tɔwo be ameyibɔwo kple yevuwo naƒo ƒu ɖekae o ta la, nɔvi siwo nye ameyibɔwo wɔa woƒe kpekpewo ɖe vovo eye nɔvi siwo nye yevuwo hã wɔa wo tɔ ɖe vovo, eye nuto siwo me woɖea gbeƒã le hã le vovo. Gake Yehowa medea vovototo amewo me le ŋutigbalẽ ƒe amadede ta o, eye eteƒe medidi hafi ame ƒomevi eveawo va tsaka ɖe hameawo me o. Edze kɔtɛ be Yehowa ƒe asi nɔ ɖoɖo sia me, elabena hame geɖe le nuto ma me fifia.\nNublanuitɔe la, ahɔhɔ̃ me kansa wu Walter le ƒe 2015 me. Srɔ̃ŋutsu nyui aɖee wònye nam ƒe 55 sɔŋ, elɔ̃ Yehowa eye ekpe ɖe nɔvi geɖe ŋu. Mele mɔ kpɔm be magakpɔe ake wòanɔ lãmesẽ me ne wova fɔe ɖe tsitre.—Dɔw. 24:15.\nMele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 40 kple edzivɔe nye esia, eye mekpɔ dzidzɔ kple yayra geɖe. Medaa akpe na Yehowa ɖe esia ta. Le kpɔɖeŋu me, nye kple Walter míekpɔ míaƒe Biblia nusrɔ̃vi 136 ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe. Ele eme be míedo go nɔnɔme sesẽwo hã ya. Gake míexa ɖe wo ta dzudzɔ mía Mawu si wɔa nuteƒe la subɔsubɔ o. Ke boŋ, míegate ɖe eŋu wu heɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ na mí le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple mɔ si nu wòkpɔ be esɔ le nu. Eye ekpɔa wo gbɔ hã vavã!—2 Tim. 4:16, 17.\nMesusua Walter ŋutɔ, gake mɔɖeɖedɔa kpe ɖe ŋunye mete ŋu le dzi dom. Nufiafia amewo ɖea vi nam ŋutɔ, eye mekpɔe be nuƒoƒo tso tsitretsitsia ŋu gɔ̃ hã kpena ɖe ŋunye. Vavãe, mɔ geɖe siwo nu Yehowa kpe ɖe ŋunye le la wu gbɔgblɔ. Abe ale si wòdo ŋugbee ene la, ekpe ɖe ŋunye, edo ŋusẽm, eye wòtsɔ eƒe \"dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi\" lém ɖe te.—Yes. 41:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2018\/yehowa-megbl%E1%BA%BDm-%C9%96i-gbe%C9%96e-o\/","date":"2019-06-20T10:38:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999200.89\/warc\/CC-MAIN-20190620085246-20190620111246-00296.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999027133,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990271329879761}","num_words":2065,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Egbea Filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe. Nu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?\nNya Si Nàgblɔ: Nyɔ! magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋu- sẽwo kple nu si tututu le megbe na vivime- ŋusẽ mawo ŋu la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Mɔ ka nue Mawu Fiaɖuƒea akpɔ xexe sia ƒe kuxiwo gbɔ le?\nMawunyakpukpui: Mt 6:10\nNyateƒea: Mawu Fiaɖuƒea ana ŋutifafa, ɖekawɔwɔ kple dedienɔnɔ nava anyigba dzi abe ale si wòwɔe le dziƒo xoxo ene.\nNU KAE NYE MAWU FIAÐUƑE LA? (Tɔtrɔyi)\nNyabiase: [He susu yi nyabiase si nègblẽ ɖi si le trakt la ƒe megbekpaa dzi la dzi.] Aleke agbenɔnɔ anɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?\nNya Si Nàgblɔ: [Tsɔ Nya Nyui gbalẽ gbadzaa fiae.] Nusɔsrɔ̃ 7 lia ƒo nu tso ale si ŋugbe- dodo siawo aɖe vi na mí katã la ŋu. [Zã agbalẽ gbadzaa nàtsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-24T11:49:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999482.38\/warc\/CC-MAIN-20190624104413-20190624130413-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985474348,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985474348068237}","num_words":189,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke wozãa té le blema?\nWozãa té tsɔ tsua nukuwo wozua wɔ be woatsɔ amè abolo. Nyɔnuwo kple aƒemesubɔviwo wɔa té mawo ƒomevi ŋu dɔ gbe sia gbe le aƒe ɖe sia ɖe kloe me. Eya ta le blema la, wobua tétutu kple eƒe gbeɖiɖi be enye gbe sia gbe dɔwɔnawo ƒe akpa aɖe.—2 Mose 11:5; Yeremiya 25:10.\nBlema Egiptetɔwo ƒe nutatawo ɖe ale si wozãnɛ la fia. Wokɔa nukuawo ɖe kpe gbadza si ŋkume dze ʋe vie, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be nutukpe, la dzi. Nutulaa dzea klo ɖe nutukpe si li anyi sesĩe la ŋgɔ eye wòtsɔa eƒe asi eveawo léa tévi la tsɔ nɔa nukuawo tum le kpe gbadzaa dzi. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, tévia ƒe kpekpeme nyea kilogram 2 va ɖo 4. Ne wozã kpe ma tɔgbi abe aʋawɔnu ene la, ate ŋu awu ame.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:50-54.\nEsi wɔtutu nye ƒomea ƒe agbemenuhiahiã vevi si nu wonɔa agbe ɖo ta la, Biblia de se be woagaxɔ té le ame aɖeke si abe awɔbanu ene o. Sea gblɔ le 5 Mose 24:6 be: \"Ame aɖeke megaxɔ té alo tévi sesẽe wòazu awɔbanu o, elabena nu si nu amea nɔa agbe ɖoe nye ema xɔm wòle awɔbanui.\"\nNu kae nyagbe \"akɔnu\" fia?\nBiblia gblɔ be Yesu \"le Fofoa ƒe akɔnu.\" (Yohanes 1:\nLe Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔwo drana ɖe nu siwo woɖo ƒo xlã nuɖukplɔ̃ abe aba ene la dzi. Ame siwo le kplɔ̃a ŋu la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ta trɔna ɖe kplɔ̃a gbɔ eye woƒe afɔwo nɔa adzɔge na kplɔ̃a esime wotsɔa woƒe miabɔwo ziɔna ɖe suɖuiwo dzi. Anyinɔnɔ alea wɔnɛ be amea ƒe nuɖusi vona. Esi wònye be ame siwo katã le kplɔ̃a ŋu la trɔna ɖe woƒe miakpa dzi eye wonɔa wo nɔewo ŋu tututu ta la, numekugbalẽ aɖe gblɔ be, \"ame ɖeka ƒe ta nɔa ame si dra ɖe emegbe la ƒe akɔta gbɔ, eye esia tae wogblɔna be ele ame kemɛa ƒe 'akɔnu.'\"\nBubu alo mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye be ame aɖe nanɔ ƒome ƒe ta alo kplɔ̃ɖolaa ƒe akɔnu alea. Esia tae le Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa ɖuɣi la, \"Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si gbɔ melɔ̃a nu le o,\" si nye apostolo Yohanes, ye nɔ Yesu ƒe akɔnu. Esia wɔe be Yohanes te ŋu \"bi ɖe megbe ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔta\" hebia nyae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150701\/%C3%A8nyaa\/","date":"2019-06-19T15:56:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00372.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982914925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982914924621582}","num_words":379,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia meyɔ Yesu dzigbe o eye megblɔ hã be míaɖu eƒe dzigbezã o.\nMcClintock kple Strong ƒe Cyclopædia gblɔ be: \"Menye Mawue de Kristmas-ɖuɖu ƒe se o, eye mele Nubabla Yeyea me o.\"\nAzɔ hã ne míexlẽ ŋutinya siwo ku ɖe Kristmas ŋu nyuie la, míakpɔe be trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee wòdzɔ tso. Biblia gblɔ be edoa dziku na Mawu ne míedi be míasubɔe le mɔ si ŋuti mekpɔ ŋudzedze ɖo o la nu.—2 Mose 32:5-7.\nKristmas-kɔnuwo ƒe ŋutinya\nYesu ƒe dzigbezã ɖuɖu: \"Kristotɔ gbãtɔwo meɖu [Yesu ƒe] dzigbezã o, elabena wobu ame sia ame ƒe dzigbezã ɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu.\"—The World Book Encyclopedia.\nDecember 25: Kpeɖodzi aɖeke meli be wodzi Yesu le ŋkeke sia dzi o. Anɔ eme godoo be sɔlemehakplɔlawoe tia ŋkeke sia be wòadze trɔ̃subɔlawo ƒe azã si woɖuna le vuvɔŋɔli la dzi.\nNunana amewo, dzidzɔkpɔkpɔ, kplɔ̃ɖoɖowo: Numekugbalẽ si nye The Encyclopedia Americana gblɔ be: \"Saturnalia, si nye Romatɔwo ƒe azã aɖe si woɖuna le December titina ƒe wɔnawoe wokpɔ tsɔ le Kristmas ƒe dzidzɔkpɔkpɔkɔnuwo dometɔ geɖe wɔmee. Le kpɔɖeŋu me, azã sia mee woɖe aglotutu gãwo, nunana amewo, kple velewo sisi tsoe.\"\nEncyclopædia Britannica gblɔ be \"wodzudzɔa dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ\" le Saturnalia-ɖuɣi.\nKristmas-kaɖiwo: The Encyclopedia of Religion gblɔ be Europatɔwo tsɔa \"akaɖiwo kple seƒoƒo ƒomevi vovovowo\" ɖoa atsyɔ̃ na woƒe aƒewo be woatsɔ aɖu azã na vuvɔŋɔli eye woatsɔ awɔ aʋa kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo hã.\nLogblati kple ati si woyɔna be holly (houx): \"Blema Britain ƒe Druidwo xɔ se be akunyawɔwɔ ƒe ŋusẽ tɔxɛ aɖe le logblati me, eya ta wozãnɛ tsɔ kpɔa ame ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo, gbesawo, kple fiƒode bubuwo si me. Wosubɔa ati si woyɔna be holly abe ɣe ƒe tɔtrɔ gbɔ ƒe kpeɖodzi ene.\"—The Encyclopedia Americana.\nKristmas-ti: \"Europatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe atisubɔsubɔ sia tsi anyi le woƒe dzimetɔtrɔ zu Kristotɔwo gɔ̃ hã megbe.\"\nNu siwo me atisubɔsubɔ sia gakpɔtɔ dzena le lae nye kɔnu si nye \"Yule-tiwo dada ɖe ʋɔtruwo nu kple aƒewo me le vuvɔŋɔli titina zãwo ɖuɣi.\"—Encyclopædia Britannica","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-kristmas\/","date":"2019-06-26T03:42:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979058504,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979058504104614}","num_words":335,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2013\nTata sia dzro ale si míagana woagblẽ míaƒe xɔse dome o me. Azɔ hã, ŋkeke ka dzie wòle be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua, eye gɔmesese kae le azã sia ŋu na mí?\nAleke Biblia-srɔ̃gbalẽwo wɔ ɖo nɔvi siwo nɔ Germany le Nazitɔwo ƒe dziɖuɖua te la gbɔ? Afɔku kawoe dzea ŋgɔ Ðasefoawo?\nNuxlɔ̃amenya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kawoe le agbalẽ siwo Paulo ŋlɔ na Tesalonikatɔwo me? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be woagable mí o?\nKpɔ ale si míazã míaƒe ɣeyiɣiwo, ga, ŋusẽ kple dzɔdzɔmeŋutetewo atsɔ ado Mawu Fiaɖuƒea ɖe ŋgɔ.\nÐe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Kpɔe ɖa be biabia kawo ƒe ŋuɖoɖo dzie nèɖo ŋkui mahã.\nNu kae wòle be Kristowo nanya tso Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu? Nu kae Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la nye?\nAleke wobua ŋkeke si dzi woawɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu lae? Nu kae aboloa kple wain la tsi tre ɖi na?\nVevesese gã aɖee wònyena ne ame srɔ̃ megava li o. Kpɔ ale si tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le Mawu ƒe Nya la me faa akɔ na ame.\nKpɔ ƒe 2013 Gbetakpɔxɔ me nyati siwo katã wota la diƒe, woɖo nyatiawo ɖe tanya vovovowo te.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20131215\/","date":"2019-06-17T11:23:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00022.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990203381,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990203380584717}","num_words":197,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ, Yesue ma le anyinɔƒe. Ele nu fiam amesiawo katã le to aɖe si le Galilea la dzi. Amesiwo nɔ anyi ɖe egbɔ tututu la nye eƒe nusrɔ̃lawo. Etia wo dometɔ 12 be woanye apostolowo. Apostolowo nye Yesu ƒe nusrɔ̃la tɔxɛwo. Ènya woƒe ŋkɔwoa?\nSimon Petro kple nɔvia Andrea woli. Yakobo kple Yohanes, siwo nye nɔviwo la hã li. Apostolo bubu hã ŋkɔe nye Yakobo, eye bubu hã ŋkɔe nye Simon. Apostolo eve ŋkɔe nye Yuda. Ðeka nye Yuda Iskariot, eye evelia nye Yuda, si wogayɔna be Tadeo. Filipo kple Natanael (wogayɔnɛ be Bartolomeo), kple Mateo kpakple Toma hã woli.\nEsi Yesu trɔ tso Samaria gbɔ la, edze gbeƒãɖeɖe gɔme zi gbãtɔ be: 'Dziƒofiaɖuƒe la gogo.' Ènya nusi fiaɖuƒe ma nyea? Mawu ƒe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe wònye. Yesue nye eƒe fia. Aɖu dzi tso dziƒo, eye wòahe ŋutifafa va anyigba dzii. Mawu ƒe fiaɖuƒe la awɔ anyigba la katã wòatrɔ zu paradiso nyui aɖe.\nYesu le nu fiam amewo tso fiaɖuƒea ŋuti. Eɖe eme na wo be: 'Mido gbe ɖa ale, Mía Fofo si le dziƒo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, abe alesi wowɔna le dziƒo ene.' Ame geɖe yɔa esia be 'Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa.' Ame aɖewo yɔnɛ be 'Mía Fofo.' Àte ŋu agblɔ gbedodoɖa bliboa katã?\nYesu le alesi woawɔ nui ɖe wo nɔewo ŋu la hã fiam ameawo. Egblɔ be: 'Nusi nèdi be amewo nawɔ na ye la, wò hã wɔ nenema na wo.' Ne amewo nyo dɔme na wò la, medzɔa dzi na wò oa? Eyata Yesu le gbɔgblɔm be ele be míanyo dɔme na ame bubuwo. Manyo ŋutɔ be amesiame awɔ esia le paradiso-nyigba la dzi oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-todzimawunya\/","date":"2019-06-17T11:12:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00022.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998590827,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985908269882202}","num_words":277,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa gblɔa nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖi pɛpɛpɛ\n\"Minyre aŋutrɔwo\"\n\"Babilon ƒe aʋawɔlawo dzudzɔ aʋawɔwɔ\"\nNabonido ƒe Ŋutinyakpememe gblɔ be: \"Kores ƒe aʋakɔa ge ɖe Babilon dua me aʋamawɔmawɔe.\" Esia wɔ ɖeka kple Yeremiya ƒe nyagblɔɖia\n\"Babilon azu glikpo, [eye] azu aƒedo tegbee\"\nTso ƒe 539 D.Y. me la, bubu si nɔ Babilon ŋu la nɔ to yim vivivi. Aleksanda Gãtɔ di be yeawɔ Babilon wòazu yeƒe fiadu gake eku kukpo. Le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze la, Yudatɔ aɖewo kpɔtɔ nɔ Babilon, esia na apostolo Petro yi ɖasrã wo kpɔ le Babilon. Gake kaka ƒe alafa ene K.Ŋ. naɖo la, dua zu aƒedo eye ame aɖeke meganɔ afi ma o","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june5-11\/yehowa-%C6%92e-nyawo-kat%C3%A3-vaa-eme-p%C9%9Bp%C9%9Bp%C9%9B\/","date":"2019-06-25T06:13:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00378.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973327518,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997332751750946}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nye Biblia Nusɔsrɔ̃ Nyo Dɔme Wotrɔ asi le Biblia-nusɔsrɔ̃ siawo ŋu na ɖevi siwo mexɔ wu ƒe etɔ̃ o. Wɔ nusɔsrɔ̃ sia ƒe kɔpi nàxlẽ na viwò. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Hebrivi Etɔ̃awo Kpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o. Fefeɣi Alo Anyinɔnɔ Kpoo Ɣi Hakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o. Apostolo Wuieveawo Kpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Nyo Dɔme Eʋegbe Nyo Dɔme https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012450\/univ\/art\/502012450_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/nyo-d%C9%94me\/","date":"2019-06-26T07:52:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000231.40\/warc\/CC-MAIN-20190626073946-20190626095946-00116.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971061945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971061944961548}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa le abe amedzrowɔla si nyoa dɔme ene, eya ta enaa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo mí.\n\"Aʋakɔwo ƒe Yehowa aɖo kplɔ̃ na dukɔwo\"\nLe blema la, ne amewo ɖu nu ɖekae la efia be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le wo dome\n\"Nuɖuɖu dami siwo me ƒutomemi le, wain siwo me dza\"\nNuɖuɖu dami kple wain siwo me dza fia gbɔgbɔmenuɖuɖu adodoea si Yehowa naa mí","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan2-8\/yehowa-l%C3%A9a-be-na-e%C6%92e-amewo\/","date":"2019-06-24T15:38:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999615.68\/warc\/CC-MAIN-20190624150939-20190624172939-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9840815067,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.984081506729126, \"ajg_Latn_score\": 0.015938563272356987}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.104,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ele be dzo si le mía me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu nadze ƒãa\nDzo nɔ David me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu le eƒe agbe me katã\nDavid ʋã ŋu ɖe Yehowa nu eye meɖe mɔ wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔ o\nAme tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be dzo nanɔ wo me\nDavid, si ɖewohĩ nye psalmo sia ŋlɔla, gblɔ be yedi be yeade dzi ƒo na dzidzime si ava\nEle be dzilawo kple Kristotɔ kpɔnuteƒewo nana hehe sɔhɛwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july11-17\/dzo-n%C9%94a-mawu-sub%C9%94la-vav%C3%A3wo\/","date":"2019-06-26T13:53:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953346252,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953346252441406}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.284,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AZƆ kpɔ Kain kple Habel ɖa. Wo katã wotsi. Kain zu agbledela. Eƒãna bli kple kutsetsewo kpakple amagbewo.\nHabel zu lãnyila. Elɔ̃a beléle na alẽviwo. Wotsi va zu alẽ gãwo, eye kasia alẽha blibo aɖe ɖo Habel si be wòakplɔ.\nGbeɖeka Kain kple Habel wotsɔ nunana vɛ na Mawu. Kain tsɔ eƒe agblemenu, siwo wòdo la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel hã tsɔ eƒe alẽwo ƒe nyuitɔ kekeake, si le esi la vɛ. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Habel kple eƒe nunana la ŋu. Gake mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain kple eƒe nunana la ŋu o. Ènya nusitaea?\nMenye esi Habel ƒe nunana la nyo wu Kain tɔ la tae o. Ke esi Habel nye ame nyui tae. Elɔ̃a Yehowa kple nɔviaŋutsuvia. Gake Kain ya vɔ̃ɖi, melɔ̃a nɔviaŋutsuvi la o.\nEyata Mawu gblɔ na Kain be ele be wòatrɔ nɔnɔme. Gake Kain meɖo to o. Edo dziku ŋutɔ, elabena Mawu lɔ̃ Habel wu. Ale Kain gblɔ na Habel bena, 'Na míayi agble me.' Esi woawo ɖeɖe wole afima la, Kain tsɔ nu xlã ɖe nɔvia Habel. Eƒoe sesĩe ale gbegbe hewui. Ðe nusi Kain wɔ la medzi ŋɔ ŋutɔ oa?\nTogbɔ be Habel ku hã la, Mawu gaɖoa ŋku edzi. Habel nye ame ɖɔʋu, eye Yehowa meŋlɔa ame ma ƒomevi be gbeɖe o. Eyata Yehowa Mawu agbɔ agbe Habel gbaɖegbe. Ɣemaɣi la, Habel magaku azɔ o. Ate ŋu anɔ agbe le anyigba dzi tegbee. Manye dzidzɔ ŋutɔ be míava nya amesiwo le abe Habel ene oa?\nGake Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo le abe Kain ene la ŋu o. Eyata esi Kain wu nɔvia megbe la, Mawu he to nɛ, be wònyãe tso eƒe ƒometɔ mamlɛawo gbɔ. Esime Kain dzo heyi anyigba la ƒe akpa bubu nɔ ge la, ekplɔ nɔvianyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖe asi, eye wòzu srɔ̃a.\nEmegbe la, Kain kple srɔ̃a wote viwo dzidzi. Adam kple Xawa ƒe vi ŋutsu kple nyɔnu bubuwo hã ɖe wo nɔewo hedzi viwo. Eteƒe medidi o amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Na míasrɔ̃ nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/kain-kple-abel\/","date":"2019-06-17T15:48:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998509.15\/warc\/CC-MAIN-20190617143050-20190617164701-00035.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991580248,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991580247879028}","num_words":337,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aɖaŋuɖoɖo siwo le video sia me ate ŋu aɖe vi na wò, gake de dzesii be wogblɔ le videoa me be ale si amewo wɔa nui ne wole zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la toa vovo le dukɔ vovovowo me.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?—Ŋgɔdonya","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/nu-kae-nye-l%C9%94l%C9%94%CC%83-vav%C3%A3\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-17T20:51:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00367.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978061914,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997806191444397}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?\nNu ka tae amewo kpea fu hekuna?\nAleke etsɔme anɔ?\nÐe Mawu tsɔa ɖe le eme nama?\nÐe nèbia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò kpɔa? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖeka koe o. Le xexea me godoo la, amewo bua agbemebiabia vevi mawo ŋu. Ðe nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase mawoa?\nAme miliɔn geɖe aɖo eŋu be, \"Ɛ̃!\" Nu ka tae? Nu si tae nye be, woke ɖe nyabiase mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo na woƒe dzi dze eme la ŋu le Biblia me. Àdi be yeanya ale si Biblia ɖo nya mawo ŋua? Ne èdii la, ɖewohĩ ado dzidzɔ na wò be Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli wò, eye womaxɔ ga aɖeke le asiwò o. *\nEnye nyateƒe be, ne wobia ame aɖewo be woadi be yewoasrɔ̃ Biblia hã la, wogblɔna be: \"Vovo mele ŋunye o.\" \"Egɔmesese sesẽ ŋutɔ.\" \"Nu ɖeka wɔwɔ ɖaa, ɖe wòtiam.\" Gake ame aɖewo ya to vovo. Wodina vevie be yewoanya nu si Biblia fia. Kpɔ nya si wo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa:\n\"Mede Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo ƒe sɔleme, mede Sikhtɔwo ƒe gbedoxɔ kple Buddhatɔwo ƒe saɖeagaxɔ me, eye mesrɔ̃ mawuŋutinunya hã le yunivɛsiti. Ke hã, nyemekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabia siwo ku ɖe Mawu ŋu la o. Gbe ɖeka, Yehowa Ðasefo aɖe va nye aƒe me. Ale si wòtsɔ Biblia ɖo nye biabiawo ŋu la wɔ nuku nam, eye melɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kplim.\"\n—Gill, si tso England.\n\"Agbemebiabia geɖewo nɔ asinye, gake ale si míaƒe osɔfo ɖo wo ŋu nam la medze ŋunye o. Ke hã, Biblia ɖeɖe koe Yehowa Ðasefo aɖe zã tsɔ ɖo nye biabiawo ŋu nam. Esi wòbiam be ɖe madi be magasrɔ̃ nu bubuwo akpee hã la, melɔ̃ enumake.\"\n—Koffi, si tso Benin.\n\"Medina be manya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Mexɔe se be ame kukuwo ate ŋu awɔ nu vevi agbagbeawo, gake medi be manya nya si Biblia gblɔ. Eya ta melɔ̃ Ðasefo aɖe si nye xɔ̃nye la dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kplim.\"\n—José, si tso Brazil.\n\"Medzea agbagba xlẽa Biblia gake nyemesea egɔme o. Gbe ɖeka, Yehowa Ðasefowo va nye aƒe me, eye woɖe Biblia me nyagblɔɖi vovovowo me nyuie. Esia ta medi be magasrɔ̃ nu bubuwo.\"\n—Dennize, si tso Mexico.\n\"Mebiaa ɖokuinye be ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme nam vavã hã. Eya ta meɖoe koŋ do gbe ɖa na Mawu si gbɔe Biblia tso. Le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nam, eye melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim.\"\n—Anju, si tso Nepal.\nNya siawo na míeɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be, \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo\" la dzi. (Mateo 5:3) Ɛ̃, le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoanya Mawu. Mawu koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me, eye ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia dzi.\nKe nu kae Biblia-sɔsrɔ̃ abia tso asiwò? Aleke wòate ŋu aɖe vi na wòe? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.\n^ mm. 8 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150401\/nu-ka-ta-n%C3%A0sr%C9%94%CC%83-biblia\/","date":"2019-06-20T16:25:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00066.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994786382,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994786381721497}","num_words":501,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nya si Yeremiya gblɔ be Raxel le fafam na viaŋutsuwo la fia?\nWogblɔ le Yeremiya 31:15 be: \"Ale Yehowa gblɔ esi: 'Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wògbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.'\"\nRaxel viŋutsu eveawo metre kuku na Raxel o. Eya ta ate ŋu adze abe ɖe nya mawo si Yeremiya ŋlɔ anɔ abe ƒe 1,000 ene le Raxel ƒe ku megbe la mede tututu o ene.\nRaxel viŋutsu gbãtɔe nye Yosef. (1 Mose 30:22-24) Emegbe Raxel ku le viaŋutsu evelia, si nye Benyamin, dziɣi. Eya ta ɖewohĩ míabia be, Ekema nu ka tae Yeremiya 31:15 gblɔ be enɔ fafam na viaŋutsu siwo 'megali o'?\nYosef dzi ŋutsuvi eve. Woawoe nye Manase kple Efrayim. (1 Mose 41:50-52; 48:13-20) Emegbe Efrayim-toa va kpɔ ŋusẽ wu le Israel ƒe dziehefiaɖuƒea ƒe to mamlɛawo dome eye wova yɔa to sia ŋkɔ wòtsia tsitre ɖi na dziehefiaɖuƒea ƒe to ewoawo katã. To si va do tso Raxel viŋutsu kemɛa, si nye Benyamin me la va nye anyiehefiaɖuƒe si nye Yuda la ƒe akpa aɖe. Eya ta míate ŋu agblɔ be Raxel va le tsitre ɖi na Israel vidadawo katã, esiwo le dziehefiaɖuƒea kple anyiehefiaɖuƒea siaa me.\nKaka woaŋlɔ Yeremiya ƒe agbalẽa la, Asiriatɔwo ɖu Israel ƒe dziehefiaɖuƒea dzi xoxo hekplɔ ame akpa gãtɔ yi aboyo mee. Gake anɔ eme be Efrayim ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖewo si yi Yuda. Le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Babilontɔwo ɖu Yuda ƒe anyiehe to-eve-fiaɖuƒea dzi heɖe aboyo wo. Wokplɔ aboyomeawo dometɔ geɖe yi Rama, si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa enyi ene. (Yeremiya 40:1) Ðewohĩ wowu wo dometɔ aɖewo le Benyamin-toa ƒe anyigba dzi, si nye nuto si me woɖi Raxel ɖo. (1 Samuel 10:2) Eya ta anye be Raxel ƒe avifafa la le tsitre ɖi na ale si wofa konyii le Benyamintɔwo ƒe ku alo ame siwo katã wowu le afi si te ɖe Rama ŋu ta. Ate ŋu anɔ eme hã be Yeremiya ƒe nyawo ku ɖe Israel vidada siwo katã nɔ konyi fam le Mawu ƒe ame siwo wowu alo wokplɔ yi aboyo me ta la ŋu.\nGake le wo katã me la, nya siwo Yeremiya gblɔ tso Raxel ƒe avifafa le viawo ƒe ku ta ŋu la nye nyagblɔɖi. Woku ɖe nu si dzɔ ƒe alafawo megbe esime Yesu nye ɖevi sue la ŋu. Fia Herodes de se be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la le Betlexem, si le Yerusalem ƒe anyiehe godzi. Bu dzigbagbã ƒe ɣli si de dzi esime vidadawo nɔ avi fam le wo vi siwo 'megali o' ta la ŋu kpɔ. Ðeko wòle abe ɖe wonɔ woƒe avifafaa ŋkɔ sem le keke Rama ke, si le Yerusalem ƒe dziehe godzi la ene.\nEya ta le Yeremiya kpakple Yesu siaa ŋɔli la, wotsɔ Raxel ƒe 'fafa na viawo' ɖɔ Yuda vidadawo ƒe blanuiléle le wo viwo ƒe ku ta. Ke hã anɔ eme be ame siwo wowu eye woyi ɖe ku, si nye 'futɔ la ƒe anyigba dzi' la, agbɔ agbe le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20141215\/raxel-fafam-na-via%C5%8Butsuwo\/","date":"2019-06-19T09:11:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998943.53\/warc\/CC-MAIN-20190619083757-20190619105757-00466.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99945575,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994557499885559}","num_words":519,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe haxɔsetɔ lɔlɔ̃tɔ:\nAbe ale si nènyae ene la, Biblia ƒe akpa gãtɔ ƒo nu tso amewo ŋu. Ame siawo dometɔ geɖe nye ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo do go kuxi siwo ɖi esiwo me tom míele. Woƒe \"seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.\" (Yakobo 5:17) Xaxawo kple dzimaɖitsitsi ɖe fu na wo dometɔ aɖewo. Ƒometɔwo kple hati tadeagulawo ƒe nuwɔnawo gbã dzi na bubuwo hã vevie. Eye ɖewo hã ƒe dzitsinya wɔ fu wo le woƒe vodadawo ta.\nÐe kuxi siawo wɔe be blematɔ mawo trɔ megbe de Yehowa? Ao. Wo dometɔ geɖe nɔ ko abe hakpalaa ene, ame si do gbe ɖa be: \"Metra mɔ abe alẽ búbu ene. Di wò subɔla, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.\" (Psalmo 119:176) Ðe wò hã nèsena le ɖokuiwò me nenema?\nYehowa meŋlɔa esubɔla siwo tra mɔ tso alẽkpɔa me la be gbeɖe o. Ke boŋ edina be yeakpe ɖe wo ŋu woatrɔ ava ye gbɔ; zi geɖe la, ewɔa esia to hati tadeagulawo dzi. De ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla Hiob, ame si to nɔnɔme sesẽ geɖewo, abe gakuxiwo, eƒe ame veviwo ƒe ku, kple lãmesẽkuxi sesẽwo ene me ŋu kpɔ. Ame siwo wòle be woafa akɔ nɛ boŋue va tsɔ woƒe nyawo gbã dzi nɛ. Ke hã, metrɔ megbe de Yehowa o; togbɔ be eƒe nuŋububu mesɔ ɣeaɖewoɣi o hã. (Hiob 1:22; 2:10) Alekee Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe susu ɖo?\nMɔ siwo dzi Yehowa to kpe ɖe Hiob ŋu dometɔ ɖekae nye to haxɔsetɔ si ŋkɔe nye Elihu dzi. Elihu ɖo to nyuie se Hiob ƒe nyawo, eye esia ʋãe be wòaƒo nu. Nya kawoe wòagblɔ? Ðe wòahe nya ɖe Hiob ŋu alo ahe eƒe susu yi eƒe vodadawo dzi be ŋu nakpee wòatrɔ dzimea? Ðe wòabu eɖokui amedzɔdzɔe wu Hiob-a? Kura o! Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Elihu wògblɔ be: \"Ðeko mele abe wò ene le Mawu vavã la ŋkume; nye hã tsue wotsɔ mèm.\" Azɔ ena kakaɖedzi Hiob be: \"Mègana nye ŋɔdzi nalé wò o, eye nye nyawo megawu tsɔtsɔ na wò o.\" (Hiob 33:6, 7) Elihu metsɔ eƒe nyawo gbã dzi na Hiob o, ke boŋ eɖo aɖaŋu nɛ hede dzi ƒo nɛ lɔlɔ̃tɔe.\nMíedi be míana nànya be taɖodzinu ma kee le míawo hã si esi míeta agbalẽ gbadza sia. Gbã la, míelé ŋku ɖe nu siwo na ame aɖewo dzudzɔ hadede kple hamea ŋu, eye míeɖo to se woƒe nyawo nyuie. (Lododowo 18:13) Emegbe míetrɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu hedzro ale si Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema esi woɖo nɔnɔme siawo tɔgbi me la me nyuie. Mlɔeba la, míenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ mawo kple egbegbe tɔwo dzi ta agbalẽ gbadza sia. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàdzro agbalẽ gbadza sia me nyuie. Kakaɖedzi nènɔ asiwò be míelɔ̃ wò vevie.\nYehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tr%C9%94-va-yehowa-gb%C9%94\/yehowa-me%C5%8Bl%C9%94a-esub%C9%94lawo-be-o\/","date":"2019-06-19T09:11:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998943.53\/warc\/CC-MAIN-20190619083757-20190619105757-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986926913,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986926913261414}","num_words":459,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nRodrigues\nAssociation Les Témoins de Jéhovah\nBP 625\nF-27406 LOUVIERS CEDEX\nFRANCE\n+33 2-32-25-55-55\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ŋdɔ ga 1 kple ŋdɔ ga 2 miniti 30 va se ɖe ɣetrɔ ga 5 miniti 30 (Titina Europa Ƒe Game)","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/rodrigues\/","date":"2019-06-19T10:50:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996047616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":183,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996047616004944}","num_words":102,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NYE WÒ SUSU?\nNu kae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na mí kpɔ?\nBiblia gblɔ be: \"Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na.\"—Yohanes 3:16.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si ta Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòava ɖe ku mía ta kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana ma ŋu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201703\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-24T23:24:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999779.19\/warc\/CC-MAIN-20190624231501-20190625013501-00508.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9916149378,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9916149377822876}","num_words":64,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE AKPA SIA\nTA 101\nMaria, si nye Lazaro nɔvinyɔnu, wɔ nane si he nyahehe vɛ, gake Yesu ʋli eta.\nTA 102\nEna nya si wogblɔ ɖi ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ la va eme.\nTA 103\nEdze abe nu si wɔm asitsalawo nɔ le Yerusalem la sɔ ene, ekema nu ka tae Yesu yɔ wo be adzodalawo?\nTA 104\nÐe vovototo le Yesu dzi xɔxɔ se kple xɔse ma tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me domea?\nTA 105\nYesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso ŋusẽ si le xɔse ŋu, eye wòɖe nu si tae Mawu nɔ Israel dukɔa gbem la me.\nTA 106\nNu kae lododo si ku ɖe ŋutsu si dɔ viaŋutsuwo ɖe eƒe waingble me kple esi ku ɖe ame si tsɔ eƒe waingble de asi na agbledela vɔ̃ɖiwo ŋu la fia?\nTA 107\nLo si Yesu do la nye nyagblɔɖi.\nTA 108\nEtsi nya ɖe Farisitɔwo, Zadukitɔwo kple mlɔeba eƒe tsitretsiɖeŋula siwo wɔ ɖeka la hã nu.\nTA 109\nNu ka tae Yesu meŋe aɖaba ƒu mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ dzi o?\nTA 110\nEtsɔ kpɔɖeŋu si ahosia ɖo la fia nu vevi aɖe.\nTA 111\nEƒe nyagblɔɖia va eme zi gbãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ðe wòagate ŋu ava eme le mɔ si lolo wu nu le etsɔmea?\nTA 112\nÐe Yesu fia nu be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe afã anye bometsilawo, eye afã mamlɛa anye aɖaŋudzelawoa?\nTA 113\nYesu ƒe lododoa ɖe nya si wògblɔ be: \"Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ\" la me.\nTA 114\nYesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe ŋu dɔ tsɔ ɖe nu si dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnui la me.\nTA 115\nNu ka tae wònye nu si ɖe dzesi be subɔsubɔhakplɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 pɛpɛpɛ na Yuda ale be wòade Yesu asi?\nTA 116\nEwɔ nu si eƒe apostoloawo menɔ mɔ kpɔm na o esi wòwɔ dɔ si kluviwo wɔna.\nTA 117\nYesu ɖo ŋkuɖodzi ƒe wɔna aɖe si wòle be eyomedzelawo nanɔ wɔwɔm ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi la anyi.\nTA 118\nApostoloawo ŋlɔ nu si Yesu fia wo do ŋgɔ le fiẽsi ma ke me la be.\nTA 119\nYesu gblɔ nyateƒenya vevi aɖe ku ɖe ale si woawɔ ate ɖe Mawu ŋu.\nTA 120\nMɔ ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo \"tsea ku\" le?\nTA 121\nNe xexea na wowu Yesu ɖe, ke gɔmesese ka nue wòɖu xexea dzi le?\nTA 122\nEna eme kɔ be yeva wɔ nu si le vevie kura wu amegbetɔwo xɔxɔ ɖe agbe.\nTA 123\nNu ka tae Yesu do gbe ɖa be: \"Na kplu sia nato ŋunye\"? Ðe megadi be yeaku axe tafea oa?\nTA 124\nYuda te ŋu ke ɖe Yesu ŋu togbɔ be zã tsi hã.\nTA 125\nWote nya dzɔdzɔe ɖe to le ʋɔnu si wodrɔ̃ Yesu me.\nTA 126\nAleke wòdzɔe be Petro, ame si si xɔse le, si sroa Mawu ɖa la gbe nu le Yesu gbɔ kaba nenema?\nTA 127\nTame vɔ̃ si Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ɖo la dze ƒãa.\nTA 128\nNu ka tae Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui? Ðe ŋusẽ mele Pilato si be wòadrɔ̃ ʋɔnu Yesu oa?\nTA 129\nPilato gɔ̃ hã kpɔ Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo dze sii.\nTA 130\nNu ka tae Yesu gblɔ na nyɔnu siwo nɔ nu xam la be woafa na wo ɖokuiwo kple wo viwo, ke menye na ye o?\nTA 131\nYesu do yayra gã aɖe ŋugbe na nu vlo wɔla aɖe si hã wohe ɖe ati ŋu.\nTA 132\nViviti si do le ŋkeke me, anyigbaʋuʋua kple gbedoxɔmetsovɔ si dze ɖe eve la katã ɖo kpe nu ɖeka dzi.\nTA 133\nNu ka tae wòhiã kpata be woaɖi Yesu hafi ɣe naɖo to?\nTA 134\nEsi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la aɖe si nye nyɔnu la gbã, ke menye eƒe apostoloawo o.\nTA 135\nNu kae Yesu wɔ tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe be wofɔ ye ɖe tsitre?\nTA 136\nYesu ɖo ŋku ale si Petro aɖee afia be yelɔ̃ ye la dzi nɛ zi etɔ̃.\nTA 137\nLe Yesu fɔfɔ ɖe tsitre va se ɖe eƒe dziƒoyiyi me la, eƒo nu tso nu si eƒe nusrɔ̃lawo axɔ kple ale si woawɔ eŋu dɔe ŋu zi geɖe.\nTA 138\nNu kae Yesu anɔ wɔwɔm esime wòle lalam be ɣeyiɣia nade yeatso ɖe yeƒe futɔwo ŋu?\nTA 139\nDɔ geɖe gali wòawɔ hafi wòatsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Mawu si nye Fofoa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/","date":"2019-06-15T20:58:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997335.70\/warc\/CC-MAIN-20190615202724-20190615224724-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987655878,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987655878067017}","num_words":705,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Template:newfeatureupdate\nAmeɖeke me meɖe article sia gɔme haɖe o. Ne enya alesi SUMO localize na nuwoe la, dze nuwogɔmeɖeɖe fifia. Ne edi be yea srɔ alesi naɖe articlewo gɔme na SUMO la, meɖekuku dze egɔme le afii.\nThis feature is available on a newer version of Firefox. Update Firefox to the latest release to use this new feature.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-35","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/kb\/templatenewfeatureupdate","date":"2019-08-25T13:45:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-35\/segments\/1566027330233.1\/warc\/CC-MAIN-20190825130849-20190825152849-00266.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948996305,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9948996305465698}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.086,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wòezɔ te ɖe mía ŋu !\nDzidzɔ wonye namí katã be míekpɔ mɔnu le egbe ƒe ŋkekeawo me hele míaƒe gbe gbɔgblɔ ŋlɔ̃m tso intɛnɛti dzi. Míele mɔnukpɔkpɔ sia dom ɖe eʋeviwo tso Togo, Ghana, Benin kple wó du etɔ̃ siame viwo katã si le du ta, le xexe godoo la me gbɔ be, woava wɔ ɖeka kple mí hena ŋkuléle ɖe míadenyigba kple míadenyawo ŋu. Nyateƒe wonye be le blema la, mɔnukpɔkpɔ sia menɔ anyi o. Nusi wɔe be, eʋeviwo medoa vevie ɖe wódegbe ŋu abe alesi wodze ene o. Ame aɖewo ŋutɔ gɔhã metsɔa ɖe le wódzilawo ƒe gbe ŋu, nenye be wodzi wò le gbe dzi o.\nXle kplɔɖo : Wòezɔ !","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-39","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/ng-donya","date":"2019-09-17T13:06:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-39\/segments\/1568514573071.65\/warc\/CC-MAIN-20190917121048-20190917143048-00168.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958606958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":13,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958606958389282}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka le asiwò ?\nŊutsua ɖe nɔ dua ɖe me gbeaɖegbe. Ga geɖee nɔ esi. Amea ɖewo gblɔ be eyae nye kesinɔtɔ gãatɔ nɔ̃ ŋuto mã me.\nAgble ewo nɔ esi, eye eƒe lãwo hã sɔgbɔ. Nyiwo nɔ esi fũu. Etu xɔ gãawo ɖe dua me, eye wonye dɔmenyotɔ gãa ɖe. Vi eve nɔ esi. Wónye ŋutsuviwo. Tsitsitɔ xɔ ƒe blaaeve-vɔ-atɔ̃, eye ɖevitɔ xɔ ƒe blaaeve-vɔ eve. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Kofi Gameli eye ɖevitɔe nye Yawo Aguedze. Gbe ɖeka wo fofo yɔ wo hegblɔ na wo bena: \"Fifia mietsi. Mieganye ɖeviwo o.\nEyata miyi xexeame ɖadze agbagba na miaƒe ŋgɔgbe.\" Ena ga ɖeviawo eye wodo mɔ wo kple nya siawo bena: \"Le ƒe atɔ̃ megbe la, megale miayɔ ge va gbɔnye ne miana nutsotso tso miaƒe agbagbadzedzewo ŋuti. Ale ɖeviawo dzo. Le ƒe atɔ̃ megbe tutuutu Gameli kple Aguedze trɔ̃ gbɔ va wo fofo gbɔ. Wo fofo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Eyɔ wo gbe ɖeka ŋdi kanyãa ɖe, eye wose ɖesiaɖe ƒe nutsotso tso eƒe dɔwɔwɔ ŋuti.\nKofi gameli ƒo nu gbã. Egblɔ na fofoa be: \"Fofonye, esi medzo la, meyi ɖanɔ Lome. Metsɔ nye ga la ƒle tɔmelã hedzra le kɔƒewo kple du sɔewo me. Mewɔ dɔ sesĩe ŋutɔ. Eteƒe medidi o, ga la dzi ɖe edzi zi geɖee. Ale meƒle nu geɖewo. Fifia xɔ atɔ̃ le asinye le Lome. Nye lãwo hã sɔgbɔ. Nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo le asinye fũu. Nye nyikpo le Anexɔ eye nye alẽwo kple gbɔ̃wo le Agu. Sɔ̃ eve le asinye,eye gasɔ̃ hã le asinye. Meƒle agbatsɔʋu enyi, eye tsaɖiʋu eve le asinye. Agbatsɔʋu le ame geɖee si le Lome.\n\"Fofoa kafui, eye wodo ŋusẽe heda akpe nɛ be ewɔ dɔ nyateƒetɔe. Azɔ̃ Yawo Aguedze hã na nutsotso tso eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti. Nusi wogblɔ la nye esi: \"Gbã la meyi ɖanɔ Peki ƒe ɖeka. Teƒea sẽ ŋutɔ. Dɔ menɔ dua me o. Tsi medza le ƒe ma me o, ale dɔwuame gãa ɖe va. Eyata medzo le afima yi Ho. Ho hã menyo nam tutuutu o. Meƒle agblemenuwo dzra le afima eye mekpɔ ga via ɖe.\" Le ɣleti ade megbe ko medzo le Ho hayi Kpando. Abe alesi ne nenyɛ ene la, Kpandoe nye eʋedu gãatɔ le Amuta la to. Tɔmelã geɖee le Amuta la me fifia. Ale meƒle akplɔʋu lolo eve na lãɖeɖe. Medi lãɖelawo de ʋuawo me, eye meƒle asabu hã na wo. Dɔ la dze edzi nam ŋutɔ.Ehe ga geɖee vẽ nam. Fifia xɔ le asinye le Ho, Kpando kple Keta. Tɔdziʋu sɔe eve hã le asinye. Metsɔwo le amewo kple agba vovoovowo tsɔm tso Akosombo le Kpando Krachi kple Tamale yim. Ga geɖee le asinye fifia, eye nye hã meƒle tsaɖiʋu eve.\"\nWo fofo da akpe nɛ, eye wokafu eya hã le eƒe agbagbadzedze ta. egaƒo nu na wo le dɔwɔwɔ ƒe vevienyenye ŋuti. Gameli kple Aguedze he nunana geɖee vɛ̃ na wo fofo kple wo dada, eye wonɔ anyi kple wo dzilawo le dzidzɔ gãa kple ŋutifafa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-39","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo\/130-nuka-le-asiwo","date":"2019-09-17T13:21:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-39\/segments\/1568514573071.65\/warc\/CC-MAIN-20190917121048-20190917143048-00510.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996424913,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996424913406372}","num_words":487,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe wuietɔ̃ nyɔnuvi si suku dem le Kpando- Abanu M\/A gɔme dze sukuame bu eƒe agbe le esimeke ŋutsu si wo bube susumedɔ fuɖem nɛa dzɛ̃ kple eyi.\nNugɔmekuku ɖi fia be aƒetɔ, Wisdom Akude si xɔ ƒe blaeve vɔ anɖrẽ ye dzã Rejoice Dornudenu le Dzoɖa ŋdɔme le esimeke wonɔ gbeƒom le sukukpoa dzi eye wode abi eƒe kɔ,abɔ̃ kple teƒe bubu aɖe wo.\nNugɔme kukuwo yidzi be wotsɔ̃ nyɔnuvia yiɖe Margaret Marquat Katoliko dɔdaƒe gake le kɔdzia ɖoɖo kple maɖoɖo mea, aƒenɔvia trɔ̃ megbe.\nKe wotsɔ eƒe ŋutilakukua daɖe kpefafa dzi hena edodokpɔ; alebe kpovitɔwo hã ƒe asi su nutsuvia dzi be woa kunugɔme kple.\nEme kɔkɔm be, nuwɔna sia ƒeɖe do mɔɖa le nutoame vayi sime wo keɖe sukuviwo dometɔ deka sihã le Kpando nutoame ƒe nutilãkuku ŋu, wode dzesie be eƒe ŋku kple teƒe aɖewo mele eŋu o abe kɔsiɖa eve sɔ̃e ene nye si.\nWɔna siawo wɔe be nutoame tɔwo vɔvɔm alegbegbe, eye wole biabiam be woagbugbɔ ale ŋku ɖe yewo ƒe dedienɔnɔ nyawo ŋuti le nutoame.\nEŋlɔla: Bernice Bubune\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-51","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/23\/wo-%C9%96e-%C6%92e-wuiet%C9%94%CC%83-ny%C9%94nuvi-a%C9%96e-%C6%92e-agbe-%C9%96a-le-kpando\/","date":"2019-12-13T20:46:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-51\/segments\/1575540569146.17\/warc\/CC-MAIN-20191213202639-20191213230639-00187.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990845919,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":15,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990845918655396}","num_words":175,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.197,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame aɖe gblɔ nya aɖe na wò kpɔ evɔ megblɔe na ame bubuwo oa?— * Ne nenemae la, ekema nya ɣaɣlae, elabe ame bubuwo mesee o. Biblia ƒo nu tso nya ɣaɣla vevi aɖe ŋu, enye \"nya ɣaɣla kɔkɔe.\" Nya ɣaɣla sia le kɔkɔe elabena Mawu gbɔe wòtso. Enye nya ɣaɣla elabena amewo menya nu tso eŋu tsã o. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di be yewoanya nya ɣaɣla sia. Èdi be yease nya ɣaɣla sia?—\nNu kae nesusu be mawudɔlawo di be yewoanya?\nLe blema ʋĩ ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ. Ŋutsua ŋkɔe nye Adam, eye nyɔnua ŋkɔe nye Xawa. Mawu tsɔ wo da ɖe aƒe nyakpɔ si woyɔ be Eden-bɔ la me. Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Mawu la, anye ne wo kple wo viwo na anyigba bliboa zu paradiso eye wòanya kpɔ abe abɔ ma ene. Anye ne wole Paradiso me tegbee. Gake ènya nu si Adam kple Xawa wɔa?—\nAdam kple Xawa meɖo to Mawu o, esia tae mímele paradiso me egbea o. Gake Mawu gblɔ be yeava wɔ anyigba bliboa wòanya kpɔ, eye amewo katã anɔ agbe tegbee eye woakpɔ dzidzɔ. Aleke Mawu awɔ esiae? Ƒe gbogbo aɖewo va yi la, amewo menya ale si Mawu awɔ esia o. Nya ɣaɣlae.\nEsi Yesu va anyigba dzi la, efia nu geɖe amewo tso nya ɣaɣla sia ŋu. Egblɔ be nya ɣaɣla sia ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Yesu gblɔ na amewo be woado gbe ɖa be Fiaɖuƒe sia nava. Fiaɖuƒea atrɔ anyigba wòazu paradiso nyakpɔ aɖe.\nÐe dzi medzɔ wò be yese nya ɣaɣla sia oa?— Ðo ŋku edzi be ame siwo ɖoa to Yehowa koe anɔ Paradisoa me. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖo to Yehowa la ƒe ŋutinya geɖewo le Biblia me. Àdi be yeasrɔ̃ nu tso wo ŋua?�� Na míakpɔ ale si wo dometɔ aɖewo wɔ nui, eye míakpɔ ale si míawɔ anɔ abe woawo ke ene la ɖa.\nXLẼE LE WÒ BIBLIA ME\n^ mm. 3 Àkpɔ fli kpui sia (—) le ŋutinya siwo katã le agbalẽ sia me la me. Anyo be nàtɔ vie ne viwòa naɖo nyabiase siwo gbɔ fli kpuia le la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/nya-%C9%A3a%C9%A3la-si-m%C3%ADenya\/","date":"2020-01-24T20:41:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250625097.75\/warc\/CC-MAIN-20200124191133-20200124220133-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977955818,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997795581817627}","num_words":352,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE NÈKPƆNƐ BE YENYE AME SI KPƆA DZIDZƆA? Ne nenemae la, nu kae nana nèkpɔa dzidzɔ? Wò ƒomea yea? wò dɔ yea? alo wò dzixɔse yea? Ðewohĩ èle mɔ kpɔm na nane si ana dzi nadzɔ wò, abe sukunuwuwu, akpɔ dɔ nyui aɖe alo aƒle ʋu yeye aɖe.\nAme geɖe kpɔa dzidzɔ vie ne woɖo taɖodzinu aɖe gbɔ alo woƒe asi ka nane si dim wole. Gake ɣeyiɣi didi kae dzidzɔ ma nɔa anyi? Zi geɖe la, menɔa anyi didina o eye esia nana dzi megadzɔa wo o.\nWoɖe dzidzɔkpɔkpɔ gɔme be, enye dzidzemegbenɔnɔ si nɔa anyi didina va se ɖe afi aɖe. Edzena le ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu me kple ale si wokpɔa dzidzɔ le agbe me la me, eye wònyea ame ƒe didi be dzidzɔ sia nanɔ anyi ɖaa.\nAzɔ hã, be dzidzemegbenɔnɔ sia nayi edzi la, mele be dzidzɔkpɔkpɔ nanye nane si seɖoƒe li na alo wòanye taɖodzinu aɖe si gbɔ woaɖo ko o, ke boŋ enye nane si wòle be woaminya ɖaa. Ne ame aɖe gblɔ be, \"Makpɔ dzidzɔ ne . . . \" la, ke efia be ele dzidzɔkpɔkpɔ hem ɖe megbe.\nLe kpɔɖeŋu me, na míatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ asɔ kple lãmesẽmenɔnɔ. Aleke míewɔna nɔa lãmesẽ me? Míeɖua nu siwo me nunyiame le, dea ka me eye míeléa be na mía ɖokuiwo. Nenema kee ne míenɔa agbe ɖe mɔfiame nyuiwo nu le agbe me la, míekpɔa dzidzɔ.\nMɔfiame alo nɔnɔme kawoe ana míakpɔ dzidzɔ? Togbɔ be ɖewo le vevie wu ɖewo hã la, esiwo gbɔna hã wɔa akpa vevi aɖe:\nDZIDZEME KPLE DƆMENYONYO\nLÃMESẼMENƆNƆ KPLE TENƆNƆ ÐE NU NU\nLƆLƆ̃\nTSƆTSƆKE\nTAÐODZINU SI ANƆ AME SI\nMƆKPƆKPƆ\nAgbalẽ aɖe si ŋu wodea bubui le nunya si dze le eme ta gblɔ be: \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o.\" (Psalmo 119:1) Na míadzro nya ma me kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/ale-si-m%C3%ADaw%C9%94-ake-%C9%96e-e%C5%8Bu\/","date":"2020-01-24T08:57:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250616186.38\/warc\/CC-MAIN-20200124070934-20200124095934-00320.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970617294,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970617294311523}","num_words":302,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Biblia ƒe nufiafia nu la, ɖe wòle be nàɖe srɔ̃ kokoko hafi akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe mea? Gbã la, adze abe ɖe Mawu ƒe Nya la da asi ɖe susu ma dzi ene. Le mɔ ka nu?\nWogblɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me be Mawu kpɔe be \"menyo\" be ame gbãtɔ Adam natsi akogo o. Eya ta Mawu wɔ Xawa be wòanye kpeɖeŋutɔ si \"asɔ ɖe eŋu\" na Adam. (1 Mose 2:18) Nyagbe 'sɔ ɖe eŋu' fia nu si ana nane nanɔ blibo. Le esia ta, ame aɖe ate ŋu aƒo nya ta be ele be ame naɖe srɔ̃ kokoko hafi wòanɔ blibo. Gawu la, Biblia me ŋutinya aɖewo na wòdze kɔtɛ be srɔ̃ɖeɖe tea ŋu hea yayra kple dzidzɔ vanɛ. Ŋutinya si ku ɖe Rut ŋu la nye esia ƒe kpɔɖeŋu.\nKe hã, ɖe ŋutinya mawo le mía fiam be egbea la, ele be Kristotɔwo naɖe srɔ̃ ahadzi viwo kokoko hafi akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, alo anɔ bliboa? Ao, mate ŋu afia nenema o. Ame si nɔ blibo, eye wòkpɔ dzidzeme le agbe me wu lae nye Yesu Kristo. Ke hã, enye tre va de asi na eƒe kugbe. Yehowa nye \"Mawu dzidzɔtɔ,\" eye nɔnɔme sia ɖe dzesi le Yesu, si nye nunyala gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ la ŋu. (1 Timoteo 1:11; Yohanes 14:9) Yesu gblɔ nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ, alo yayra le xexe sia me. (Mateo 5:1-12) Meyɔ srɔ̃ɖeɖe kpe ɖe nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ la ŋu o.\nEkema ɖe wòfia be Biblia me nya aɖewo tsi tre ɖe bubuwo ŋu le nya sia gomea? Ao. Ele be míade ŋugble le tameɖoɖo si tae Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi ɖo la ŋu. Tsɔ kpe ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli, dzidzɔ kple dzidzeme si Mawu ɖo be wòanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋuti la, srɔ̃ɖeɖe gawɔ akpa vevi aɖe hã le Mawu ƒe tameɖoɖo aɖewo me vava me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be Adam kple Xawa 'nadzi, ne woasɔ gbɔ, eye woayɔ anyigba la dzi.' (1 Mose 1:28) Adam alo Xawa ɖeɖe dzaa mate ŋu ana Mawu ƒe tameɖoɖo sia nava eme nɔvia manɔmee o. Ke boŋ wo ame evea siaa hiã na wo nɔewo, eye wosɔ na wo nɔewo le go vevi sia me.\nNenema kee tameɖoɖo tɔxɛ aɖewo nɔ Yehowa si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ɖoɖo anyi ŋu le eƒe nuwɔwɔ kple anyigba dzi dukɔ si nye Israel me. Edi be yeƒe dukɔ la me tɔwo nasɔ gbɔ, ale be futɔwo nagakpe wo dzi o. Eɖoe hã be Mesia la, si ava ɖe nuteƒewɔlawo tso nu vɔ̃ kple ku si me la, nado tso Yuda-toa me. (1 Mose 49:10) Eya ta Israel nyɔnu nuteƒewɔlawo bua srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi be enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ, eye wònyea ŋukpe kple nuxaxa na wo ne srɔ̃ kple viwo mele wo si o.\nKe egbea ya ɖe? Ðe se si Mawu de le gɔmedzedzea me be 'woadzi ayɔ anyigba dzi' la fia be wobia tso Kristotɔ siwo li fifia le anyigba sia si dzi amegbetɔwo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la si be woaɖe srɔ̃ adzi viwoa? Ao. (Mateo 19:10-12) Eye megahiã hã be Mawu nakpɔ dzidzime si me Mesia la ado tso alo dukɔ si me woadzi Xɔla ma le la ta o. Ekema aleke wòle be Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye?\nLe nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye ŋu be wonye nunana tso Mawu gbɔ. Abe ale si nènyae ene la, nunana si sɔ nyuie na ame aɖe la masɔ na ame bubu o. Srɔ̃ɖeɖe nye ɖoɖo kɔkɔe si me atsu kple asi tea ŋu ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo henɔa kplikplikpli le, eye wòsɔ nyuie na ƒome ɖoɖo anyi. Azɔ hã, Biblia na míenya be ame siwo aɖe srɔ̃ le nuɖoanyi madeblibo sia me la \"akpɔ xaxa le ŋutilã me,\" si fia be woado go kuxiwo. Ku ɖe trenyenye ŋu la, Yehowa mebunɛ be enye ŋukpe alo nu si ta woaxa nu ɖo o. Ke boŋ eƒe Nyaa gblɔ be viɖe aɖewo koŋ le trenyenye me siwo mele srɔ̃ɖeɖe me o.—1 Korintotɔwo 7:28, 32-35.\nEya ta Biblia da sɔ le nu si wògblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye ŋu la me. Yehowa, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe kple ƒome gɔme anyi la, di be ye subɔlawo katã nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, woɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20121001\/sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96ee-ana-ame-nakp%C9%94-dzidz%C9%94-le-agbe-mea\/","date":"2020-01-17T19:33:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250590107.3\/warc\/CC-MAIN-20200117180950-20200117204950-00545.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982186556,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982186555862427}","num_words":703,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mite Va Gbɔnye . . . Eye Nye La, Mana Dzudzɔ Mi\"\nKpekpe Siwo Ʋãa Ame na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ\nTSO Toronto yi Tokyo, tso Moscow yi Montevideo—la, Yehowa Ðasefo miliɔn nanewo kple wo xɔlɔ̃wo lɔna hoo yia woƒe tadeaguƒewo zi gbɔ zi nanewo le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Amesiawo dometɔ aɖewo nye ŋutsu kutrikula siwo si ƒome le, siwo ŋu ɖeɖi tena le dɔwɔwɔ ŋkeke bliboa ta; srɔ̃nyɔnu veviedonula kple vidada siwo ŋu wo vi suewo le; ɖekakpui kple ɖetugbi vavã siwo nɔ sukuxɔ me ŋkeke bliboa; ame tsitsi siwo gbɔdzɔ siwo le afɔ ɖem ɖekaɖeka le lãme ƒe vevesese ta; ahosi kple tsyɔ̃evi dzinɔameƒotɔwo; kple luʋɔ siwo dzi nu te ɖo siwo le akɔfafa dim.\nYehowa ƒe Ðasefo siawo zãa mɔzɔzɔ ƒe mɔnu geɖewo—tso keteke siwo ƒua du sesĩe dzi yi tedziwo dzi, tso keteke siwo zɔa tomemɔ xaxɛwo dzi yi agbatsɔʋuwo dzi. Tɔsisi siwo me lo bɔ ɖo fũ ye wo dometɔ aɖewo tsona, eye bubuwo kpea akɔ kple ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔdodowo dzi fũ ƒe kuxi si nɔa dugãwo me. Nukatae amesiawo katã le agbagba siawo gbegbe dzem ɖo?\nSusu vevi si koŋ tae enye be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nye tadedeagu na Yehowa Mawu ƒe mɔnu vevi aɖe. (Hebritɔwo 13:15) Apostolo Paulo yɔ susu bubu esime wòŋlɔ bena: 'Mina míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míaʋã mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o, ke boŋ míade dzi ƒo na mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi míekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.' (Hebritɔwo 10:24, 25) Hakpala Dawid ƒe seselelãme tɔgbee Paulo ɖe fia le afisia, amesi dzi ha be: \"Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.\"—Psalmo 122:1.\nNukatae wònyea dzidzɔ na Kristotɔwo be yewoanɔ woƒe kpekpewo me? Elabena menye nuteƒekpɔlawo koe kpekpea yilawo nyena o. Ke boŋ kpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ sua wo si wonyaa wo nɔewo. Vevietɔ kpekpe siawo naa mɔnukpɔkpɔ sua wo si be woana nu, ke menye be woaxɔ nu ɖeɖeko o, eye be woaʋã wo nɔewo be woaɖe lɔlɔ̃ afia eye woakpɔ gome le dɔ nyuiwo wɔwɔ me. Esia naa kpekpewo nyea wɔna siwo tua ame ɖo. Gawu la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye mɔ siwo dzi Yesu tona wɔa eƒe ŋugbedodo be, \"Mite va gbɔnye . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi\" dzi la dometɔ ɖeka.—Mateo 11:28.\nAkɔfafa Kple Ðetsɔlemename Xɔƒe\nSusu nyuiwo le Yehowa Ðasefowo si siwo ta wobua woƒe kpekpewo be wofaa akɔ na ame. Susuawo dometɔ ɖekae nye be \"dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" la naa nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi le kpekpewo me. (Mateo 24:45) Azɔ hã, kpekpewo wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa-subɔlawo wɔwɔ be woanye Mawu ƒe Nya fiala bibi siwo me dzo le la me. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a ame, siwo tsɔa ɖe le eme na ame, kple esiwo léa be na ame le Fiaɖuƒe Akpataa me, amesiwo le klalo helɔ̃ be yewoafa akɔ na ame bubuwo le ɣeyiɣi sesẽwo me.—Korintotɔwo II, 7:5-7.\nPhillis, amesi gbɔ srɔ̃a ku le esime viawo xɔ ƒe atɔ̃ kple enyi ko la kpɔ esia teƒe. Esime wònɔ alesi Kristotɔwo ƒe kpekpewo faa dzi na woa kple via sueawo ɖɔm la, egblɔ be: \"Fiaɖuƒe Akpataa me yiyi faa akɔ na ame elabena haxɔsetɔwo kplaa asi kɔ na ame, gblɔa Ŋɔŋlɔa me nya aɖe, alo naa asi ame nyuie tsɔ ɖenɛ fiana ɣesiaɣi be yewolɔ̃ wò eye yewotsɔ ɖe le eme na wò. Enye teƒe si medina ɣesiaɣi be manɔ.\"—Tesalonikatɔwo I, 5:14.\nLe dɔ wɔwɔ na Marie megbe la, eƒe ɖɔkta gblɔ be axɔ kwasiɖa ade ya teti hafi eƒe lãme nasẽ. Le kwasiɖa gbãtɔawo me la, Marie mete ŋu dea kpekpewo o. Ðɔktaa de dzesii be dzi megadzɔnɛ abe tsã ene o. Esime wòse be menɔ kpekpeawo dem o la, ede dzi ƒo nɛ be wòade. Marie gblɔ nɛ be ye srɔ̃ mele haa me kpli ye o eye malɔ̃ be yeayi kpekpeawo o le yeƒe lãmesẽnyawo ta. Eyata ɖɔktaa ŋlɔ atike tɔxɛ aɖe na Marie, eyae nye \"mɔɖeɖe\" be wòayi Fiaɖuƒe Akpata me be wòakpɔ dzideƒoname kple hadede tuameɖo. Marie ƒo nyaa ta be: \"Le kpekpe ɖeka dede megbe la, mese le ɖokuinye me be nye lãme sẽ ɖe edzi. Mete ŋu ɖua nu azɔ, medɔ alɔ̃ nyuie zã bliboa, nyemeganoa vevesesenutsitike edziedzi o, eye megate nukomo ɖoɖo azɔ!\"—Lododowo 16:24.\nAlesi woɖea lɔlɔ̃ fiaa ame le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me meɣla ɖe ame bubuwo o. Kɔledzivi aɖe si le to vovovo me tɔwo ŋuti nunya srɔ̃ƒe la tiae be yealé ŋku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ahaŋlɔ nu tso wo ŋu le yeƒe sukudɔdasi aɖe me. Eŋlɔ tso nɔnɔme si kpekpea valawo ɖena fiana ŋu be: \"Alesi wokpem dzonɔamemetɔe la . . . wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. . . . Xɔlɔ̃wɔwɔ nye nɔnɔme si ɖe dzesi le Yehowa Ðasefowo ŋu ale gbegbe, eye eyae nye nɔnɔme si mebu be ele vevie wu ɖesiaɖe.\"—Korintotɔwo I, 14:25.\nLe xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo me la, Kristo-hamea nye gbɔgbɔmedzidzeme xɔƒe. Enye afisi ŋutifafa kple lɔlɔ̃ bɔ ɖo. Ne èva kpekpeawo la, wò ŋutɔ àkpɔ hakpala la ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye be: \"Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!\"—Psalmo 133:1.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 25]\nHIAHIà TƆXƐ AÐE GBƆ KPƆKPƆ\nAleke tokunɔwo ate ŋu aɖe vi tso Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee? Yehowa Ðasefowo le tokunɔgbe hamewo ɖom le xexeame godoo. Le ƒe 13 siwo va yi me la, woɖo tokunɔgbe hame 27 kple tokunɔgbe ƒuƒoƒo 43 le United States. Le dukɔ 40 bubu ya teti me la, tokunɔgbe hame siwo ade 140 li fifia. Wolé Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ɖe video dzi le gbegbɔgblɔ 13 me.\nKristo-hamea na mɔnukpɔkpɔ su tokunɔwo si be woakafu Yehowa. Odile, si nye Katolikotɔ tsã le France, amesi léa blanui vevie zi geɖe eye wòdina be yeawu ye ɖokui la kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nufiame siwo wòxɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la ŋu ale gbegbe. Egblɔ be: \"Megbugbɔ ɖo lãmesẽ me eye dzi dzɔam le agbeme. Gake ƒo wo katã ta la, meke ɖe nyateƒea ŋu. Fifia tameɖoɖo le nye agbe ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020315\/Kpekpe-Siwo-%C6%B2%C3%A3a-Ame-na-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Kple-D%C9%94-Nyuiwo-W%C9%94w%C9%94\/","date":"2020-01-25T06:41:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251669967.70\/warc\/CC-MAIN-20200125041318-20200125070318-00475.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977895617,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977895617485046}","num_words":993,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame gbogbo aɖewo le kukum le atamanono ta.\nEwu ame 100,000,000 le ƒe alafa si va yi me.\nEɖea ame siwo ade 6,000,000 ƒe agbe ɖa ƒe sia ƒe.\nLe mama dedie nu la, ewua ame ɖeka le sekɛnd ade ɖe sia ɖe me.\nEye naneke meɖee fia be nuwo ava ka ɖe eme o.\nKuxi sia ��uti nunyalawo bu akɔnta be ne nuwo aganɔ edzi yim alea la, ekema kaka ƒe 2030 naɖo la, ame siwo anɔ kukum le atamanono ta ƒe sia ƒe la asɔ gbɔ wu 8,000,000. Eye wobu akɔnta hã be kaka ƒe alafa 21 lia nawu enu la, atamanono aɖe ame 1,000,000,000 ƒe agbe ɖa.\nMenye ame siwo noa atama la ŋu koe wògblẽa nu le o. Egblẽa nu le atamanola si megava li o la ƒe ƒometɔwo hã ŋu, elabena woxaa nu eye ganyawo ɖea fu na wo, eye ame 600,000 siwo menoa atama o hã kuna ƒe sia ƒe le atama ƒe dzudzɔ si wogbɔna ta. Esia wɔe be kɔdzifewo le dzi yim eye esia ɖea fu na ame sia ame.\nAtamanono ƒe kuxia mele abe dɔvɔ̃ siwo nana ɖɔktawo nɔa dɔ dzi zãdomadɔlɔ̃e be woakpɔ atike na wo la ene o, woate ŋu atsi enu hafi, elabena wonya egbɔkpɔnua nyuie. Aƒenɔ Margaret Chan, si nye Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe dɔdzikpɔlagã la gblɔ be: \"Amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔe wòtso be atamanono va zu kuxi le xexea me godoo, eye ne dziɖuɖuwo kple ɖokuisihabɔbɔwo dze agbagba wɔ nu aduadui la, woate ŋu akpɔ kuxia gbɔ.\"\nDukɔwo le agbagba dzem fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be yewoakpɔ lãmesẽkuxi sia gbɔ. Woka nya ta be kaka August 2012 naɖo la, dukɔ 175 da asi ɖe edzi be yewoaɖe afɔ aɖewo be atamazazã dzi naɖe akpɔtɔ. * Ke hã womate ŋu alé enu bɔbɔe o. Elabena dɔwɔƒe siwo wɔa sigaret la zãa dɔlar biliɔn geɖe ɖe boblododo ŋu be woatsɔ ahe ame bubuwo hã ade atamanono me, vevietɔ nyɔnuwo kple sɔhɛ siwo le dukɔ madeŋgɔwo me. Eye ale si atamanono ŋutɔ hã va tsia ame si la wɔe be atamanola biliɔn ɖeka siwo wòzu numame na xoxo la dometɔ geɖe aku. Ne ame siwo le enom fifia medzudzɔ o la, ke ame siwo aku le atamanono ta la adzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe blaene siwo gbɔna me.\nAtamanono ŋuti boblododowo kple ale si wòtsia ame sii la wɔe be asiɖeɖe le eŋu zu dɔ na ame geɖe, togbɔ be wodi be yewoadzudzɔ hafi hã. Aleae wòdzɔe le Naoko gome. Ðetugbuivi dzaa ko wònye esi wòdze atamanono gɔme. Ale si woɖea atamanolawo fiana le boblododowo me la sɔsrɔ̃ na wòse le eɖokui me be yede ŋgɔ. Togbɔ be dzitodzito me kansa wu edzilawo hã la, ekpɔtɔ nɔ atamanono dzi, evɔ vinyɔnuvi eve le esi hafi. Eya ŋutɔ gblɔ be: \"Menɔ vɔvɔ̃m be mava kpɔ dzitodzito me kansa eye metsi dzi ɖe vinyewo hã ƒe lãmesẽ ŋu, gake nyemete ŋu ɖe asi le eŋu o. Mesusu be nyemate ŋu adzudzɔ gbeɖe o.\"\nKe hã Naoko va dzudzɔ mlɔeba. Nu si kpe ɖe eŋu wòte ŋu dzudzɔ la kee kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woƒo asa na atamanono. Nu kae? Míeɖe kuku, yi nuxexlẽa dzi.\n^ mm. 11 Afɔɖeɖe siawo dometɔ aɖewoe nye nufiafia amewo tso nu siwo atamanono gblẽna le ame ŋui ŋu, asiɖoɖo dɔwɔƒe siwo wɔa sigaret la ƒe boblododowo dzi, adzɔ gãwo xɔxɔ le dɔwɔƒe mawo si, kple habɔbɔ siwo akpe ɖe amewo ŋu woaɖe asi le atamanono ŋu kaba la ɖoɖo anyi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140601\/atamanono-ak%C9%94nta-kuxi\/","date":"2020-01-27T06:32:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251694908.82\/warc\/CC-MAIN-20200127051112-20200127081112-00515.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987169504,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987169504165649}","num_words":569,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖe Ahedada Ða?\nAME miliɔn aɖewo li siwo tso woƒe ɖevime ke la womenya nusi nye ahedada o. Wometsi dɔ mlɔ anyi alo tsi vuvɔ nu dɔ kpɔ o. Ke hã, amesiawo dometɔ geɖe ƒe dɔme trɔna ɖe ame dahewo ŋu eye wodzea agbagba geɖe be yewoakpe ɖe wo ŋu.\nGake ahedada gakpɔtɔ nye nɔnɔme si le fu ɖem na amesiwo dzi dukɔmeviʋa, tsiɖɔɖɔwo, kuɖiɖiwo, kple kuxi bubuwo dzɔ ɖo. Nudzɔdzɔ siawo ɖea fu na Afrikatɔ agbledela siwo dea agble hena ɖuɖu ko. Nɔnɔmea va ƒonɛ ɖe wo dometɔ aɖewo nu be wòaʋu tso woƒe aƒewo me ava nɔ dugãwo me alo woayi dukɔ bubu me abe sitsoƒedilawo ene. Mɔkpɔkpɔ be agbe anyo na yewo wu le dugãwo mee ƒoe ɖe kɔƒemenɔla aɖewo ya nu be woʋu.\nZi geɖe la, dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo akpã la va zua afisi ahedada bɔna ɖo. Nenye be anyigba si dzi woaƒã nuku ɖo li kura hã la, ʋɛ aɖewo ko woakpɔ. Zi geɖe la, dɔwɔɖui kpɔkpɔ sesẽna. Dziɖeleameƒo ɖeɖe kura gɔ̃ hã wɔnɛ be ame geɖe va nɔa agbe abe nuvlowɔlawo ene. Dugãmenɔlawo le konyi fam, gake amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu le ahedada si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ kpɔm o. Esi London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent nɔ susu hem yi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka si woɖe ɖe go le November 2003 me dzi la, egblɔ be: \"Dɔwuitɔwo le dzidzim ɖe edzi le xexeame.\" Egblɔ kpe ɖe eŋu be: \"Amesiwo ƒe xexlẽme ade miliɔn 842 le xexeame godoo la meɖua nu ɖia ƒo o—eye xexlẽme ma gale dzi yim, ne wotsɔ ame miliɔn 5 bubu siwo va zua dɔwuitɔwo ƒe sia ƒe la le ekpem.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa la xɔa lɛtawo tsoa ame dahewo gbɔ ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si tso Bloemfontein ŋlɔ bena: \"Dɔwɔɖui mele asinye o, eye mefia fi le dugã me nenye be mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi. Ne nyemekpɔ naneke fi o la, míetsia dɔ ŋkeke geɖe—alesi vuvɔ nu sẽna ya mele gbɔgblɔ me o. Dɔwɔɖui meli nàkpɔ o. Ame geɖe le tsatsam le ablɔwo dzi le dɔ si woawɔ kple nusi woaɖu dim. Menya ame aɖewo siwo tsaa gbelɔnuwo me nɔa nuɖuɖu dim. Ðewo wu wo ɖokui. Nu te ɖe ame geɖe dzi eye wobu mɔkpɔkpɔ abe nye ke ene. Edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele etsɔ si gbɔna me o ene. Ðe Mawu si wɔ mí, hede didi mía me be míaɖu nu eye míado awu la mele nusia kpɔm oa?\"\nŊuɖoɖo fakɔnamewo li na ŋutsu sia ƒe nya siwo ŋu wòtsi dzi ɖo vevie la. Ŋuɖoɖoawo tso Mawu ƒe Nya, Biblia me, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fiae ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050515\/%C3%90e-Amegbet%C9%94wo-Ate-%C5%8Au-A%C9%96e-Ahedada-%C3%90a\/","date":"2020-01-24T05:45:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250615407.46\/warc\/CC-MAIN-20200124040939-20200124065939-00081.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993810058,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993810057640076}","num_words":447,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YUDA DE YESU ASI LE ABƆA ME\nPETRO KPA TO NA AME AÐE\nWOLÉ YESU\nEƒo zã ga wuieve to eŋu xoxo. Nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 na Yuda nenye be ede Yesu asi. Eya ta Yuda le ŋgɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒe ha gã aɖe wova le Yesu dim. Roma-srafo siwo bla akpa eye aʋafia le wo nu la kpe ɖe wo ŋu.\nEdze ƒãa be esi Yesu na Yuda do go le Ŋutitotonua ɖuɣi la, Yuda yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ tẽe. (Yohanes 13:27) Ame siawo ƒo woƒe dɔlawo kple asrafoha aɖe nu ƒu. Anye be Yuda kplɔ wo yi xɔ si me Yesu kple apostoloawo ɖu Ŋutitotoa le la gbã. Azɔ ameha sia dzo le afi ma yi ɖato Kidron-tɔʋua me ɖo ta abɔa me. Tsɔ kpe ɖe lãnuwo ŋu la, wotsɔ akaɖiwo kple akakatiwo hã ɖe asi heɖoe kplikpaa be yewoadi Yesu ake ɖe eŋu.\nEsi Yuda nɔ ŋgɔ na ameha la wonɔ Amitoa liam la, eka ɖe edzi be yenya afi si yeakpɔ Yesu le. Le kwasiɖa si va yi me, esi Yesu kple apostoloawo nɔ Yerusalem kple Betania dome zɔli zɔm la, wotɔ zi geɖe ɖe Getsemane-bɔa me. Gake fifia zã do, eye anye be Yesu le amiti siwo le abɔa me la ƒe vɔvɔli te. Eya ta aleke asrafo siwo ɖewohĩ womekpɔ Yesu kpɔ o la awɔ adze sii? Be wòanɔ bɔbɔe na wo la, Yuda ɖo dzesi na wo be: \"Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée, mikplɔe yii eye miaƒe ŋku nanɔ eŋu.\"—Marko 14:44.\nEsi Yuda le ŋgɔ na amehawo woyi abɔa me la, ekpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo eye wòyi Yesu gbɔ tẽe. Yuda gblɔ be: \"Medo gbe na wò, Rabi!\" eye wògbugbɔ nu na Yesu. Yesu biae be: \"Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?\" (Mateo 26:49, 50) Yesu ŋutɔ ɖo eƒe biabiaa ŋu esi wògblɔ be: \"Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?\" (Luka 22:48) Gake yomemɔfiala sia hã ƒe nyaa se ɖe afi ma gbɔ!\nAzɔ Yesu te ɖe ame siwo lé akaɖiwo kple akakatiwo ɖe asi la ŋu hebia wo be: \"Ame ka dim miele?\" Ameha la ɖo eŋu be: \"Yesu, Nazaretetɔ lae.\" Yesu gblɔ kple dzideƒo be: \"Nyee nye esi.\" (Yohanes 18:4, 5) Nyaŋuɖoɖoa dze wo kpo, ale wote yi megbe hedze anyi.\nLe esi Yesu nawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ asi abu ɖe vivitia me teƒe la, egabia wo ake be ame ka dim wole hã. Esi wogagblɔ ake be \"Yesu, Nazaretetɔ lae\" la, egblɔ tufafatɔe be: \"Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.\" Le ɣeyiɣi sesẽ sia gɔ̃ hã me la, Yesu te ŋu ɖo ŋku nya si wògblɔ va yi be yemabú wo dometɔ aɖeke o la dzi. (Yohanes 6:39; 17:12) Yesu kpɔ eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ta, eye wo dometɔ aɖeke mebú o, negbe \"tsɔtsrɔ̃vi la ko,\" si nye Yuda. (Yohanes 18:7-9) Eya ta egblɔ azɔ be woana ye yomedzela wɔnuteƒe siawo nadzo.\nEsi asrafoawo tso hezɔ ɖe Yesu dzi la, apostoloawo de dzesi nu si le dzɔdzɔm azɔ. Wobia be: \"Aƒetɔ, mída yi woa?\" (Luka 22:49) Hafi Yesu naɖo nyaa ŋu la, Petro ya da yi eve siwo apostoloawo tsɔ ɖe asi la dometɔ ɖeka xoxo. Etsɔe kpa nunɔlagã la ƒe kluvi, si ŋkɔe nye Malko, la ƒe ɖusito.\nYesu ka asi Malko ƒe to ŋu eye eƒe abia ku. Azɔ efia nu vevi aɖe eyomedzelawo esi wòde se na Petro be: \"Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.\" Yesu lɔ̃ faa be woalé ye, eye wòɖe nu si tae la me be: \"Aleke Ŋɔŋl�� siwo gblɔe ɖi be adzɔ alea la awɔ ava eme?\" (Mateo 26:52, 54) Egblɔ kpee be: \"Ðe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?\" (Yohanes 18:11) Yesu lɔ̃ be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ne esia bia be wòaku gɔ̃ hã.\nYesu bia ameha la be: \"Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea? Gbe sia gbe menɔa anyi ɖe gbedoxɔa me nɔa nu fiam, ke mielém kpɔ o. Gake nu siawo katã dzɔ, ale be nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi la nava eme.\"—Mateo 26:55, 56.\nAzɔ asrafoawo, aʋafia la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae. Esi apostoloawo kpɔ esia la, wosi. Ke hã, \"ɖekakpui\" aɖe kpɔtɔ nɔ ameha la dome kple susu be yeadze Yesu yome. Anɔ eme be nusrɔ̃la Marko ye. (Marko 14:51) Ameha la kpɔ ɖekakpui sia dze sii, eye wote kpɔ be yewoalée, si wɔe be wògblẽ eƒe aklalawu la ɖi hesi dzo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/yuda-de-yesu-asi-nugbugb%C9%94\/","date":"2020-01-28T08:28:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251776516.99\/warc\/CC-MAIN-20200128060946-20200128090946-00161.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998936832,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989368319511414}","num_words":751,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO 2000-02-08 Tɔmanɔsiƒomewo—Ɣeyiɣiawo Ƒe Dzesi Wònye Vifofowo—Nusita Wole Bubum ɖo Tɔmanɔsiƒomewo—Kuxia Nu Tsitsi Kuraa Gelulũ Ènyaa? Alakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia? Ku Yibɔ La—Dɔvɔ̃ si Do le Europa le Titinaɣeyiɣiwo Me Aŋutsrɔewo Zazã—Ðe Nèléa Ŋku Ðe Ametakpɔmɔnu Siawo Ŋua? Mɔkpɔkpɔ Lém Ðe Te Medo Dzi Le Dodokpɔwo Me Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Ame Vovovo Siwo Tsia Aʋa","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000208\/","date":"2020-01-26T18:18:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251690095.81\/warc\/CC-MAIN-20200126165718-20200126195718-00007.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998208344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982083439826965}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 31 va se ɖe August 27, 2017 la le tata sia me.\nÐe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la? Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã.\nKuxi siwo Kristotɔwo doa goe le woƒe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomewo me egbea la dometɔ aɖewo ɖe? Ne èle kuxi mawo me tom la, aleke Mawu ate ŋu afa akɔ na wòe?\nNu xɔasi kawo ŋue wòle be míade asixɔxɔe, eye aleke míawɔe?\nNu kae va do tso eme esi Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ dzi ɖi ƒo nu na ŋutsu aƒemanɔsitɔ aɖe si mekɔa mo ɖe ame o eye melɔ̃na be ame nade ha kpli ye o?\nAme sia ame hiã ŋutifafa. Gake dada kple sese le ame ɖokui me be wole ɖoƒe ʋlim kpli ye tea ŋu wɔnɛ be amewo megava wɔa nu le ŋutifafa me o. Aleke nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme sia?\nDavid si nɔ anyi le blema Israel ye gblɔ nya mawo tsɔ kafu Abigail. Nu kae ʋã David wòkafu Abigail, eye aleke Abigail ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?\nNu kae nye nya vevi ma si ka amegbetɔwo katã? Nu ka tae wòle vevie be nànya nu tso eŋu?\nNe èlɔ̃ ɖe edzi be Yehowae dze aɖu xexea dzi la, vi kae esia aɖe na wò?\nNu ka tae Yesu yɔ ame siwo dzraa lãwo le Yerusalem gbedoxɔa me be \"adzodalawo\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2017\/","date":"2020-01-25T14:56:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251672537.90\/warc\/CC-MAIN-20200125131641-20200125160641-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988325238,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988325238227844}","num_words":237,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2002 Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawo Woƒe Blema Dzɔtsoƒewo De Ta Agu Na Mawu 'Le Gbɔgbɔ Me' Yehowa Tsɔ Kekeli Ðo Atsyɔ̃ Na Eƒe Amewo Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Klẽ ��e Eƒe Amewo Dzi Ðe Wò Nufiafia Ðea Kpea? Míaƒe Xexeame Katã Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Do Ŋusẽm Yehowa ƒe Mɔwo Dzi Zɔzɔ Hea Yayra Gbagowo Vɛ Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020701\/","date":"2020-01-24T23:35:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250626449.79\/warc\/CC-MAIN-20200124221147-20200125010147-00135.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958206415,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958206415176392}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe?\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE PHILIPPINES GBƆ\nEƒe lãme gblẽ vevie. Dɔléle ƒe dzesi vovovowoe dze le eŋu. Ele ya ɖem. Eƒe asrãdɔa nu sẽ wu tsã. Agbagba siwo katã dzem wole be woana wòaka ɖe eme nɛ zu dzodzro. Wokpɔ aɖi le eƒe lãmetsiwo me. Ne woda dɔa le akpa aɖe la, dɔ bubuwo gadona le akpa bubuwo. Ne ame ŋutɔŋutɔe le dɔ sia lém la, ɖeko ɖɔktawo agblɔ be dɔléle vovovo siawo nye dɔmavɔleameŋu kple dɔvɔ̃. Esi naneke megali woawɔ o ta la, ɖeko woaɖe afɔ siwo ana dɔnɔa ƒe dzi nadze eme alesi wòanya wɔe vaseɖe eƒe kugbe.\nGAKE menye ame ŋutɔŋutɔe dɔnɔ sia nye o. Míaƒe aƒe—si nye anyigba lae. Nudzɔdzɔ sia ɖɔ nusi tututu le dzɔdzɔm ɖe míaƒe ɣletinyigba sia dzi nyuie. Ya ƒe ɖiƒoƒo, xexeame ƒe dzoxɔxɔ, tsi ƒe ɖiƒoƒo, kple aɖinuwoe nye míaƒe anyigba sia ƒe dɔléleawo dometɔ ʋɛ aɖewo. Abe ɖɔkta siwo míeyɔ va yi ene la, eŋutinunyala bibiwo tɔtɔ le nusi woawɔ ŋu.\nNyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒoa nu tso míaƒe ɣletinyigba sia ƒe lãmegbegblẽ ŋu enuenu le nyati siwo gbɔna te: \"Tɔgɔmetu dada be woatsɔ aɖe lãe na tɔgɔme va zu lãwo tsrɔ̃ƒe.\" \"Tsikɔ Ate Ŋu Awu Asiatɔ Biliɔn Ðeka le ƒe 24 Megbe.\" \"Wotsɔa aɖinu tɔn miliɔn blane yia xexeame ƒe teƒeteƒewoe ƒe sia ƒe.\" \"Aɖi ge ɖe tsivudo 1,800 siwo le Japan dometɔ eve kloe le etɔ̃ ɖesiaɖe me la me.\" \"Do si Wokpɔ le Ya si Xea Ɣe ƒe Keklẽ Nu me le Antarctic Galolo ɖe Edzi.\"\nAfɔku si dze ŋgɔ nutoa ŋuti nyadzɔdzɔ siwo wogblɔna edziedzi va ma to na ame aɖewo eye wogblɔna kura gɔ̃ hã be 'Gbɔnye nya kae wòtsɔ, nya mawo meku ɖe ŋunye o.' Gake míede dzesii alo míeɖade dzesii o, anyigba dome gbegblẽ atraɖii kpɔa ŋusẽ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe agbe dzi. Esi míaƒe ɣletinyigba dome gbegblẽ va le agbogbo dom ɖe edzi fifia ta la, anɔ eme be ele nu gblẽm le míaƒe agbe ƒe akpa aɖewo ŋu xoxo. Esia tae wòle be amesiame natsɔ ɖe le míaƒe aƒea ƒe dedienɔnɔ kple etakpɔkpɔ me. Ne èbu eŋu kpɔ la, afika gɔ̃e míayi aɖanɔ?\nAleke gbegbee kuxia keke tae? Aleke gbegbee anyigba la ƒe lãmegbegblẽa le? Aleke esia le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo ƒe agbe dzii? Mina míadzro nu ʋɛ aɖewo siwo ana míase nusitae míagblɔ be menye lãmegbegblẽ vi aɖe koe le fu ɖem na míaƒe anyigba la o, ke boŋ dɔléle sesẽ aɖee le fu ɖem nɛ la me.\n▪ ATSIAƑU: Woɖe lã geɖe le atsiaƒua ƒe akpa gãtɔwo me akpa. Nyatakaka si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Yamenutome Ðoɖowɔha na gblɔ be, \"lãɖehawo ɖe lãwo ƒiaƒiaƒia le atsiaƒu ƒe alafa memama 70 me ale gbegbe be tɔmelãwo magate ŋu adzi wòasɔ gbɔ o alo adzi ɖe edzi aɖo esi woɖe teƒe o.\" Le nyateƒe me la, tɔmelã siwo nye cod, hake, dzoɖu kple flounder ƒe agbɔsɔsɔ le Dziehe Atlantik dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 95 sɔŋ le ƒe 1989 kple 1994 dome. Ne nusia yi edzi la, ekema nukae wòafia na ame miliɔn nane siwo nɔa agbe ɖe tɔmelãwo dzi hena woƒe nuɖuɖu vevi la dzii?\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, wobu akɔnta be wogblẽa tɔmelã miliɔn 20 va ɖo miliɔn 40 dome ƒe sia ƒe ne wolé wo eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe atsiaƒugã la me—eye zi geɖe la, wodea abi wo ŋu alo wokuna. Nukatae wowɔa esia ɖo? Woɖea wo kpakple tɔmelã siwo dim wole gake womedi woawo ya o.\n▪ AVEWO: Avewo tsɔtsrɔ̃ gblẽa nu geɖe ŋutɔ. Atiwo tsɔtsrɔ̃ ɖea ŋutete si le anyigba ŋu be wòaxɔ ya si nye carbon dioxide la dzi kpɔtɔna eye esia hea xexeame ƒe dzoxɔxɔ vɛ. Numiemie ƒomevi aɖewo siwo me wokpɔa atikewo tsonae maganɔ anyi o. Ke hã ɖeko avewo tsɔtsrɔ̃ le edzi yim madzudzɔmadzudzɔe. Le nyateƒe me la, avewo tsɔtsrɔ̃ dzi ɖe edzi le ƒe siawo me. Eŋutinunyala aɖewo se le wo ɖokui me be ne esia yi edzi la, anyigba xɔdzo dzi vewo atsrɔ̃ le ƒe 20 lɔƒo me.\n▪ AÐIÐUÐƆWO: Kɔlili gbeɖuɖɔ siwo me aɖi le ɖe anyigba dzi kpakple wokɔkɔ ɖe atsiaƒu me nye kuxi gã aɖe si ate ŋu agblẽ nu le ame miliɔn nanewo ŋu. Nuklianugbegblẽwo, gakpo siwo me aɖi le, kpakple aŋenugbegblẽwo nye nusiwo gblẽa nu le ame ŋu, hea dɔléle, alo ku vɛ na amegbetɔwo kple lãwo siaa.\n▪ ATIKEWO: Le ƒe 100 si va yi me la, woto atike yeye siwo ade 100,000 kloe vɛ. Atike siawo va gena ɖe míaƒe ya, anyigba, tsi, kple nuɖuɖu me. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe wodo kpɔ be wònyo na míaƒe lãmesẽ hã. Gake wode dzesi wo dometɔ geɖe be woate ŋu ahe kansa alo dɔléle bubuwo vɛ.\nNu bubu geɖe li siwo nye ŋɔdzi na míaƒe nutoa me: ya ƒe ɖiƒoƒo, tsiƒoɖi siwo ŋu wometrɔ asi le o, aɖitsi ƒe dzadza, tsi nyui ƒe anyimanɔmanɔ, kple bubuawo. Ʋɛ siwo míeyɔ va yi ɖeɖe ɖo kpe edzi be míaƒe anyigba la dze dɔ. Ðe woate ŋu ayɔ dɔea, alo wɔna aɖeke megali oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031208\/Aleke-Gbegbee-M%C3%ADa%C6%92e-%C6%94letinyigba-La-Dze-D%C9%94e\/","date":"2020-01-27T16:48:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251700988.64\/warc\/CC-MAIN-20200127143516-20200127173516-00375.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990579486,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999057948589325}","num_words":820,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ku—Nu Dziŋɔ Ŋutɔ Aɖee Wònye!\nBRITAINTƆ ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee ŋlɔ be: \"Ne wonya dzi wò ko la, àte ŋu aku ɣesiaɣi faa.\" Egblɔ kpee be: \"Eye èlɔ̃ o, mèlɔ̃ o, ègbɔna kuku ge hã godoo.\" Ðe mevea mí ŋutɔ ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku oa?\nKu nye nane si dzia ŋɔ na ameƒomea ƒe akpe nanewoe nye esia. Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, míesena le mía ɖokui me be wɔna aɖeke mele mía ŋu o. Meɖea ame aɖeke le eme o. Ame aɖeke mate ŋu asi le enu o. Nuŋlɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe 1800-awo me ŋlɔ be: \"Konyifafa nana mí katã míegazua ɖeviwo ake—ewɔnɛ be ame aɖeke megadzea nunya o. Nunyala gãtɔ kekeake hã meganyaa naneke o.\" Nyateƒee, mí katã míezua abe ɖevi suewo ene—míezua wɔnamanɔŋuitɔ siwo mate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu o. Kesinɔnuwo alo ŋusẽ ƒe amesinɔnɔ mate ŋu akpɔ egbɔ o. Nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo siaa mete ŋu kpɔa ta nɛ o. Ne eɖo dzi ŋutɔŋutɔa, klotaɖulawo kura gɔ̃ hã faa avi.\nDawid si nye fia ɖu blema Israel dzi la xa nu esi via Absalom ku. Esi fia la se via ƒe ku la, ewu avi hehehe gblɔ be: \"Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!\" (Samuel II, 18:33) Togbɔ be fia sẽŋu sia ɖu futɔ sesẽwo dzi hã la, kua te ɖe edzi ale gbegbe be wòdi be ye ŋutɔ yeatsɔ ye ɖokui ade asi na \"futɔ mamletɔ\" si nye ku, ɖe ye via teƒe.—Korintotɔwo I, 15:26.\nÐe woava ɖe ku ɖa? Ne nenemae la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo? Ðe míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea? Nyati si kplɔe ɖo ana Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo tso nyabiase siawo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060315\/Ku%E2%80%8B-Nu-Dzi%C5%8B%C9%94-%C5%8Aut%C9%94-A%C9%96ee-W%C3%B2nye\/","date":"2020-02-23T03:00:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145742.20\/warc\/CC-MAIN-20200223001555-20200223031555-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961073995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961073994636536}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.174,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nu Gã\" Si Wona Polandtɔwo\nLE JULY 6, 1525, dzi la, Fiagã Albrecht si tso Hohenzollern fiaƒome la me ɖe gbeƒãe be Luther ha zu dukɔa ƒe subɔsubɔha. Aleae Prussia si dzi Fiagãwo nɔ ɖuɖum, si nɔ Poland ƒe ŋusẽ te ɣemaɣi la, va zu dukɔ gbãtɔ si da asi ɖe Martin Luther ƒe nufiafiawo dzi le Europa.\nAlbrecht di be yeatsɔ Königsberg—si nye Ɣedzeƒe Prussia ƒe fiadu—awɔ Protestanttɔwo ƒe subɔsubɔha ƒe teƒe vevitɔ. Eʋu yunivɛsiti aɖe le dugã la me, eye wòdo alɔ Luther ƒe nuŋlɔɖiwo tata ɖe gbe vovovowo me. Le ƒe 1544 me la, fiagã la de se be ele be woaxlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa aɖewo na Polandtɔ siwo le yeƒe anyigba dzi la le wo degbe me. Gake Biblia gɔmeɖeɖe aɖeke menɔ anyi le Polandgbe me ɣemaɣi o.\nGbegɔmeɖeɖe Si Me Wozã Nya Siwo Amewo \"Lɔ̃a zazã le nuƒoƒo Me\" Le\nBe woakpɔ hiahiã sia gbɔ la, Albrecht te ame aɖe si ate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Polandgbe me la didi. Le ƒe 1550 me lɔƒo la, exɔ Jan Seklucjan, si nye nuŋlɔla, agbalẽdzrala, kple agbalẽtala be wòawɔ dɔ na ye. Seklucjan de suku le Leipzig Yunivɛsiti, eye wonyae nyuie be edoa dziku na Katoliko Ha la to eƒe Protestant nufiafia siwo wòkakana la me. Le nyateƒe me la, Seklucjan si va nɔ Königsberg kpɔ be woagadrɔ̃ ʋɔnu ye ɖe yeƒe subɔsubɔ me dzixɔsewo kaka ta o.\nJan Seklucjan tsi dzi ɖe Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe Polandgbe me la tata ŋu vevie. Ƒe ɖeka ko le Seklucjan ƒe dɔdeasia xɔxɔ megbe la, woɖe Mateo ƒe Nya Nyui gbalẽa ƒe tata gbãtɔwo ɖe go. Nu siwo le tata sia me la dometɔ aɖewoe nye numeɖeɖewo kple axadzinuŋɔŋlɔ, siwo me woŋlɔ ale si woagate ŋu aɖe mawunyakpukpui aɖewo gɔme bubui le, eye woɖea vi ŋutɔ. Esia megbe kpuie la, Seklucjan kpɔ gɔmeɖeɖe aɖe si me Nya Nyui gbalẽ eneawo katã le la tata dzi. Le ƒe etɔ̃ pɛ ko me la, eta Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ bliboa katã.\nBe gɔmeɖeɖea nade pɛpɛpɛ la, gbegɔmeɖelaa wɔ numekuku le Hela nuŋlɔɖiwo me. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe 1551 ƒe tata ƒe ŋgɔdonya gblɔ be \"ewɔ numekuku\" tso Latingbe me gɔmeɖeɖewo kple \"esiwo gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me la hã me.\" Stanisław Rospond si ŋlɔ Studies on the Polish Language of the 16th Century gblɔ tso gɔmeɖeɖe sia ŋu be \"wozã nya siwo nya se hele bɔbɔe le eme.\" Rospond gagblɔ be gbegɔmeɖelaa 'mezã agbalẽmenya gãgãwo o.' Ke boŋ edze agbagba be yeazã Polandgbe me nya siwo 'amewo lɔ̃a zazã le nuƒoƒo me' boŋ.\nTogbɔ be Seklucjan ye kpɔ dɔ sia dzi hã la, kpeɖodziwo li be menye eyae nye gbegɔmeɖela la o. Ke ame kae wɔ gbegɔmeɖeɖedɔ sia memie alea? Stanisław Murzynowski ye, enye sɔhɛ aɖe si xɔ abe ƒe 23 ene esime Seklucjan de dɔ sesẽ sia asi nɛ.\nWodzi Murzynowski le kɔƒedu aɖe me, gake esime wòtsi va ɖo afi aɖe la, fofoa ɖoe ɖe Königsberg be wòaɖadze Helagbe kple Hebrigbe sɔsrɔ̃ gɔme. Emegbe la, Murzynowski yi ɖade suku le Wittenberg Yunivɛsiti, si le Germany, eye ɖewohĩ edo go Martin Luther le afi ma. Sukuvi sɔhɛ sia lé to ɖe Philipp Melanchthon ƒe nufiafiawo ŋu, eye ɖikeke mele eme o be eyae kpe ɖe eŋu wòɖu tu na Helagbe kple Hebrigbe. Esi wògade suku bubuwo le Italy vɔ megbe la, Murzynowski trɔ gbɔ va Königsberg eye wòva wɔ dɔ na Fiagã Albrecht.\nMaria Kossowska gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Bible in the Polish Language me be: \"Murzynowski wɔ dɔ nyuie kutrikukutɔe, gake mehe susu yi eɖokui dzi, di nɔƒe gã, alo bia be woaŋlɔ yeƒe ŋkɔ ɖe axa si dzi Biblia gɔmeɖeɖe ƒe ŋkɔ dzena le la dzi o.\" Le nyateƒe me la, sɔhɛ sia ŋlɔ tso eɖokui ŋu be: \"Nyemebi ɖe Latingbe kple Polandgbe siaa ŋɔŋlɔ me o.\" Togbɔ be ɖikeke sia nɔ Murzynowski me hã la, ekpe ɖe Polandtɔwo ŋu be Mawu ƒe Nya la su wo si le wo degbe me. Eƒe hadɔwɔla Seklucjan gblɔ tso woƒe Biblia gɔmeɖeɖea ŋu be enye \"nu gã si wona\" Polandtɔwo.\nNunana Gãtɔwo Dometɔ Ðeka\nTso Polandgbe me Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ ma dzi la, bubu geɖewo kplɔe ɖo. Le ƒe 1994 me la, woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures Biblia ɖe go, eye le ƒe 1997 me la woɖe New World Translation of the Holy Scriptures bliboa ɖe go, ɖe Polandgbe me. Gbegɔmeɖelaawo mehe susu yi wo ɖokuiwo dzi o, ke boŋ wodze agbagba ɖe Mawu ƒe Nya la gɔme wòde pɛpɛpɛ, eye wozã nya siwo amewo zãna le nuƒoƒo me egbea, ke menye esi wozãna le ƒe alafa 16 lia me o.\nEgbea la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,400 sɔŋ me. Ne Mawu ƒe Nya si gɔme woɖe wòde pɛpɛpɛ ɖe mia degbe me su asiwò la, ke nunana gãtɔ si ate ŋu asu asiwò la dometɔ ɖekae nye ema, nu si Yehowa Mawu na wò be wòafia mɔ wò.—Timoteo II, 3:15-17.\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]\nStanisław Murzynowski, ame si ɖe \"Nubabla Yeye\" la gɔme ɖe Polandgbe me, ƒe ŋkuɖodzikpe\n[Nɔnɔmetata si le axa 21]\nMateo ƒe agbalẽ si gɔme Stanisław Murzynowski ɖe ƒe ta 3 lia\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nDzięki uprzejmości Towarzystwa Naukowego Płockiego","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070815\/Nu-G%C3%A3-Si-Wona-Polandt%C9%94wo\/","date":"2020-02-16T20:35:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875141396.22\/warc\/CC-MAIN-20200216182139-20200216212139-00479.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977024794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977024793624878}","num_words":864,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.002,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutsu Kple Nyɔnu—Wonye Kpeɖeŋutɔ Na Wo Nɔewo\nENYE ŋutsu kple nyɔnu ƒe didi tso gbe aɖe gbe ke be yewoanɔ anyi ɖekae. Mawue ɖoe nenema. Yehowa kpɔe be menyo be ŋutsu gbãtɔ, Adam, ɖeka ko nanɔ anyi o. Eya ta Mawu wɔ \"kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la [na ŋutsua].\"\nYehowa na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, 'hetsɔ agbaƒuti la wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va egbɔe.' Esi Adam kpɔ nyɔnu dzetugbe si Yehowa wɔ nɛ la, dzi dzɔe ale gbegbe be wògblɔ be: \"Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.\" Nyɔnuwo ƒe nɔnɔme si le Xawa, nyɔnu deblibo la, si na be eƒe nu nyo ame ŋu ŋutɔ. Eye ŋutsuwo ƒe bubu si le Adam, ŋutsu deblibo la, ŋu na be wòdze be woade bubu eŋu. Wonye kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo. Biblia gblɔ be: \"Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.\"—Mose I, 2:18-24.\nGake egbea la, ƒomewo le gbagbãm, eye zi geɖe la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo sẽa ŋuta le wo nɔewo ŋu alo wɔa nu ɖokuitɔdiditɔe. Hoʋiʋli si le ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome he masɔmasɔ kple dzrehehewo vɛ. Esiawo katã mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo na ŋutsu kple nyɔnu o. Wowɔ ŋutsu be wòanɔ ɖoƒe vevi aɖe le anyigba dzi. Wowɔ nyɔnu hã be wòanye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ŋutsua. Ðe wowɔ wo be woawɔ nu ɖekae. Tso esime wowɔ amegbetɔwo la, ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃lawo dze agbagba nuteƒewɔwɔtɔe be yewoawɔ nu wòasɔ kple ɖoƒe si Yehowa da yewo ɖo la, eye esia na wokpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe. Ðoƒe kawoe, eye aleke míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe wo nui?\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nWowɔ ŋutsu kple nyɔnu be woanɔ ɖoƒe siwo ŋu bubu le le Mawu ƒe ɖoɖowo me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070115\/%C5%8Autsu-Kple-Ny%C9%94nu-Wonye-Kpe%C9%96e%C5%8But%C9%94-Na-Wo-N%C9%94ewo\/","date":"2020-02-25T15:54:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146123.78\/warc\/CC-MAIN-20200225141345-20200225171345-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986583591,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986583590507507}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Te Ðe Mawu Ŋu\n\"Menya Woƒe Fukpekpewo\"\n\"KƆKƆE, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa.\" (Yesaya 6:3) Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe ale si gbegbe Yehowa Mawu le dzadzɛ hele kɔkɔe la fia. Àbia be, 'Ðe ale si gbegbe wòle kɔkɔee la wɔe be metsɔa ɖeke le eme na mí o eye míate ŋu ate ɖe eŋu oa? Ðe Mawu si le kɔkɔe alea ate ŋu atsɔ ɖe le eme na nye ame si nye nu vɔ̃ wɔla kple ame madeblibo la ŋutɔŋutɔa?' Na míadzro kakaɖedzinya siwo Mawu gblɔ na Mose la me akpɔ, le 2 Mose 3:1-10.\nEsi Mose nɔ alẽ kplɔm gbe ɖeka la, ekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe—ŋuve aɖe le bibim \"gake mele fiafiãm o.\" (Kpukpui 2) Esia wɔ nuku nɛ, eya ta ete ɖe eŋu be yeakpɔ nu si ta menɔ fiafiãm o la ɖa. Yehowa ƒo nu to mawudɔla aɖe dzi na Mose le dzobibi la me gblɔ be: 'Megate va afi sia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!' (Kpukpui 5) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—esi ŋuve bibi la nɔ te ɖi na Mawu kɔkɔe la ƒe afi ma nɔnɔ ta la, efia be anyigba la ŋutɔ hã nɔ kɔkɔe!\nSusu aɖe tae Mawu kɔkɔe la nɔ nu ƒom kple Mose ɖo. Mawu gblɔ be: 'Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ɛ̃, menya woƒe fukpekpewo.' (Kpukpui 7) Menye ɖe Mawu menya eƒe amewo ƒe fukpekpe o; eye menye ɖe mele woƒe ɣlidodowo sem o. Ke boŋ woƒe vevesese nye eya hã ƒe vevesese. De dzesii be Mawu gblɔ be: \"Menya woƒe fukpekpewo.\" Numekugbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe nyagbe \"menya\" ŋu be: \"Efia ame ŋutɔ ƒe seselelãme ɖe nane ŋu, beléle na ame, kple dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu.\" Nya siwo Yehowa gblɔ na Mose la fia ale si gbegbe Mawu sea veve ɖe ame nu kple ale si wòtsɔa ɖe le eme na amee.\nNu kae Mawu awɔ? Menye ɖeko wòkpɔ nublanui alo se veve ko evɔ o. Eʋãe wòwɔ afɔɖeɖe. Eɖoe be yeaɖe yeƒe amewo tso Egipte ahakplɔ wo ayi \"anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo\" la dzi. (Kpukpui 8) Eya ta Yehowa de dɔ asi na Mose hegblɔ nɛ be: 'Kplɔ nye dukɔ dzoe le Egipte.' (Kpukpui 10) Mose wɔ ɖe eƒe gbe dzi, eye wòkplɔ Israel viwo dzoe le Egipte le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me.\nYehowa metrɔ o. Esubɔla siwo li egbea hã ate ŋu aka ɖe edzi be ekpɔa fu siwo kpem yewole eye wòsea yewoƒe ɣlidodowo. Enya fukpekpe siwo me tom wole. Gake menye ɖeko Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe esubɔlawo ŋu ko evɔ o. Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame la wɔ afɔɖeɖea heɖe eƒe amewo, elabena 'eléa be na wo.'—1 Petro 5:7.\nMawu ƒe dɔmetɔtrɔ alea na susu si ta mɔkpɔkpɔ anɔ mía si ɖo la mí. Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, mí ame madeblibowo hã míate ŋu anɔ kɔkɔe eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (1 Petro 1:15, 16) Nyɔnu Kristotɔ aɖe si nɔ aʋa wɔm kple blanuiléle kple dziɖeleameƒo la kpɔ akɔfafa le Mose ƒe nuteƒekpɔkpɔ le ŋuvea gbɔ ƒe nuŋlɔɖia me. Egblɔ be: \"Ne Yehowa ate ŋu ana ke si le anyigba gɔ̃ hã nanɔ kɔkɔe la, ke ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ aɖe kpɔtɔ le asinye. Nufiame sia kpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ.\"\nÐe esia meʋã wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu kɔkɔe Yehowa ŋu oa? Àte ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii, elabena Yehowa 'nya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.'—Psalmo 103:14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090301\/Menya-Wo%C6%92e-Fukpekpewo\/","date":"2020-02-28T12:56:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875147154.70\/warc\/CC-MAIN-20200228104413-20200228134413-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964205623,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964205622673035}","num_words":585,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na Míazɔ Paulo Toƒe Ayi Beroia\nDutanyanyuigblɔla eveawo ƒe dɔ kpɔ dzidzedze ŋutɔ, eye ameha gã aɖe va zu xɔsetɔwo. Emegbe nu vlo wɔlawo ƒe ha aɖe tsi tre ɖe wo ŋu. Eya ta wowɔ nyametsotso aɖe. Le hame si woɖo yeyee la kple dutanyanyuigblɔlaawo ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ ta la, ele be wo ame evea woadzo enumake le zãtiƒe. Aleae wòdzɔe be Paulo kple Sila si dzo le Makedoniatɔwo ƒe melidzeƒe si le Tesalonika le ƒe 50 M.Ŋ. lɔƒo me. Wozɔ mɔ yi du si kplɔe ɖo si me woaɖe gbeƒã le—Beroia.\nEGBEGBETSAÐILA ate ŋu akpɔ Beroia (Véroia) le Bermios Toa gbɔ, afi si gbe damawo le ne ele didiƒe, abe ale si ko blema mɔzɔla aɖe hã akpɔe ene. Beroia le teƒe si didi tso Tesalonika ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome anɔ kilometa 65 lɔƒo, eye wòle du dome afi si didi tso Aegean Ƒua gbɔ kilometa 40 aɖewo. Olympus To, si wosusu be enye Helatɔwo ƒe mawu gbogboawo ƒe vevitɔwo ƒe nɔƒe la, le eƒe anyiehe gome ɖaa.\nBiblia nusrɔ̃viwo tsɔ ɖe le Beroia ƒe ŋutinya me vevie, esi wònye teƒe si Paulo ɖe gbeƒã hetrɔ ame geɖewo wozu Kristotɔwo le ta. (Dɔwɔwɔwo 17:10-15) Mina míado afɔ na Paulo ƒe toƒewo, eye míalé ŋku ɖe ale si dua nɔ tsã la ŋu.\nBlema Ŋutinya\nAme aɖeke menya ƒe si me tututu wotso Beroia dua o. Makedoniatɔwo nya emenɔla gbãtɔ, siwo anya nye Frigiatɔwo kokoko la, ɖa le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me. Le ƒe alafa etɔ̃ megbe la, Aleksanda Gãtɔ ƒe aʋadziɖuɖuwo na be kesinɔnuwo va bɔ ɖe Makedonia dua me. Wotu xɔ gãgãwo heɖo gli nyadriwo, abe ale si wotu mawunɔ siwo nye Zeus, Diana, Apolo, Athena, kple Hela mawunɔ bubuwo ƒe xɔwoe ene.\nŊutinyagbalẽ aɖe de dzesii be, le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Beroia \"wɔ akpa vevi aɖe le nuto siwo te ɖe eŋu kple dziehe Hela du susɔeawo siaa ƒe nyawo me.\" Dua xɔ ŋkɔ ŋutɔ, vevietɔ le Makedonia fiaƒome mamlɛtɔ, si nye Antigonid fiaƒomea, ƒe dziɖuɣi (306-168 D.M.Ŋ.), ame siwo Romatɔwo va ɖe le zi dzi mlɔeba.\nNumekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be, esime Romatɔwo ɖu Fia Philip V dzi le ƒe 197 D.M.Ŋ. me la, \"wogbã dziɖuɖu ƒe ɖoɖo si nɔ anyi tsã la, eye Roma va xɔ dziɖuŋusẽa le ɣedzeƒe Mediterranea.\" Le ƒe 168 D.Ŋ.M. me la, Roma ʋafia aɖe ɖu blema Makedonia dziɖula mamlɛtɔ, si ŋkɔe nye Perseus, dzi keŋkeŋ le Pydna, si le Beroia ƒe anyiehe gome kilometa aɖewo. Abe ale si wogblɔe ɖi le Biblia me nyagblɔɖiwo mee ene la, Roma va xɔ ɖe Hela xexemeŋusẽa teƒe. (Daniel 7:6, 7, 23) Le aʋa sia megbe la, Beroia nye Makedonia du siwo na ta Roma gbã la dometɔ ɖeka.\nLe ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me la, Makedonia va zu aʋakpeƒe le aʋa si nɔ Pompey kple Julius Caesar dome la wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, Beroia nutowo mee Pompey ƒe aʋasaɖa gãtɔ kple eƒe asrafowo nɔ.\nDzidzedzekpɔkpɔ Le Romatɔwo Te\nLe Pax Romana, alo Roma Ƒe Ŋutifafa ƒe ɣeyiɣia me la, ame siwo ɖi tsa yi Beroia la kpɔ mɔ siwo wodo kple kpe eye woɖo kpe ɖe wo ŋu. Hahoo tsileƒewo, fefewɔƒewo, agbalẽdzraɖoƒewo, kple teƒe siwo wotu hena yivuwɔwɔ nɔ dua me. Tsi nonowo sina toa pɔmpiwo me, eye woɖe tometsimɔwo hã ɖe dua me. Beroia dua nye asitsaƒe gã xɔŋkɔ aɖe si asitsalawo, nutalawo, kple kamedefefewɔlawo yina ne nukpɔlawo yi kamedefefe kple wɔna bubuwo kpɔƒe. Amedzrowo ate ŋu akpɔ tadeaguƒe siwo woate ŋu awɔ woa ŋutɔwo ƒe subɔsubɔkɔnuwo le. Ɛ̃, woate ŋu akpɔ Roma xexe bliboa ƒe subɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe le du sia me.\nRoma fiagã siwo wotsɔ wɔ mawuwoe le woƒe ku megbe la hã le mawu siwo wosubɔna le Beroia la dome. Esia manye nu yeye aɖeke na Beroiatɔwo o, elabena fiagã subɔsubɔ dze egɔme tso tadedeagu na Aleksanda Gãtɔ, ame si wosubɔna abe mawu ene, la dzi ke. Helagbe me gbalẽ aɖe gblɔ be: \"Esi subɔsubɔ ƒe bubu tsɔtsɔ na fiawo le woƒe agbenɔɣi nye numame na Helatɔ siwo le Ɣedzeƒefiaɖuƒea me ta la, wotsɔa subɔsubɔ ƒe bubu nana Roma fiagãwo hã dzidzɔtɔe . . . Le woƒe gakuwo dzi la, wowɔ fiagã la ƒe nɔnɔme abe mawu ene, eye fiakuku si le keklẽm le ta nɛ. Wodoa gbe ɖa nɛ, eye wodzia ha tsɔ kafunɛ abe ale si ko wowɔna na mawuwo ene.\" Woɖia vɔsamlekpuiwo, tua gbedoxɔwo, eye wosaa vɔwo nɛ. Fiagãwo gɔ̃ hã dea fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔzã siawo ɖuƒe, esiwo me kamedefefewɔlawo, nutalawo, kple agbalẽnyalawo ʋlia ho le.\nNu ka tae Beroia nye teƒe si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo nenema gbegbe ɖo? Elabena afi mae Makedoniatɔwo ƒe Koinon la nɔ. Koinon sia nye Makedonia duwo teƒenɔlawo ƒe takpeƒe. Dukɔteƒenɔla siawo kpea ta edziedzi le Beroia, dzroa nya siwo ku ɖe dua kple nuto vovovowo ŋu me, eye wokpɔa wo gbɔ le Romatɔwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Dɔ vevi aɖe si Koinon la wɔnae nye be wòakpɔ egbɔ be wolé fiagã subɔsubɔ me ɖe asi.\nEya ta aleae nɔnɔmeawo nɔ le du si me Paulo kple Sila yi esime wosi dzo le Tesalonika. Ɣemaɣi la, Romatɔwo nɔ Beroia dzi ɖum ƒe alafa eve sɔŋue nye ema.\nNyanyuia Ðo Beroia\nPaulo dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Beroia dua ƒe ƒuƒoƒea me. Aleke wowɔ nu ɖe eŋui? Nuŋlɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me gblɔ be Yudatɔ siwo le afi ma la \"ɖɔ ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.\" (Dɔwɔwɔwo 17:10, 11) Esi Beroiatɔwo \"ɖɔ ʋu\" ta la, womeku ɖe woƒe kɔnuwo ŋu dzimesesẽtɔe o. Togbɔ be nya yeye aɖe semee wonɔ hã la, womebu nazã alo do dziku o. Le esi woagbe Paulo ƒe gbedeasia teƒe la, ɖe wolé to ɖe eƒe nyawo ŋu heɖo toe anukwaretɔe boŋ, eye wowɔ esia ameŋkumekpɔkpɔ manɔmee.\nAleke Yudatɔ mawo wɔ te ŋu kpɔ nyateƒea dze sii le Paulo ƒe nufiafiawo me? Wotsɔ dzidzenu si ŋu kakaɖedzi le wu do nu siwo wonɔ sesem la kpɔe. Wotsɔ ŋuɖɔɖɔɖo kple moveviɖoɖo dzro Ŋɔŋlɔawo mee. Biblia ŋuti nunyala Matthew Henry gblɔ tso nya sia ŋu be: \"Esi wònye be Paulo de ŋugble kpli wo tso ŋɔŋlɔawo me, eye wòhe woƒe susu yi Nubabla Xoxoa dzi tsɔ ɖo kpe nu si gblɔm wònɔ dzi ta la, woke woƒe Bibliawo, ʋu afi si wòfia asii, xlẽ nya siwo ƒo xlãe, de ŋugble tso gɔmesese si le nya la ŋu ŋuti, tsɔe sɔ kple ŋɔŋlɔ bubuwo, hekpɔe ɖa be Paulo ƒe nya siwo wòyɔ la sɔ, wonye nya vavãwo, eye kakaɖedzi le wo ŋu hã; emegbe wowɔ nyametsotso si sɔ.\"\nEsia menye nusɔsrɔ̃ ɖewoɖewoe ko o. Beroiatɔwo nɔa nusɔsrɔ̃ dzi moveviɖoɖotɔe, wodia ɣeyiɣi wɔa esia gbe sia gbe, ke menye le Sabat dzi ɖeɖe ko o.\nBu nu si do tso eme ŋu kpɔ. Yudatɔ geɖe siwo nɔ Beroia xɔ gbedeasia eye wozu xɔsetɔwo. Helatɔ geɖe, siwo ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, hã trɔ zu xɔsetɔwo. Gake esia menɔ ɣaɣla o. Esi Yudatɔ siwo nɔ Tesalonika see la, woyi afi ma afɔtsɔtsɔe ɖade \"zi amehawo me hele woƒe tame blum.\"—Dɔwɔwɔwo 17:4, 12, 13.\nEsia zi Paulo dzi wòdzo le Beroia, gake eyi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le teƒe bubu. Fifia eɖo tɔdziʋu aɖe si ɖo ta Atene. (Dɔwɔwɔwo 17:14, 15) Ke hã, ate ŋu akpɔ dzidzɔ be dɔ si yewɔ le Berioa la na be Kristotɔnyenye li ke le afi ma. Eye ele ku tsem egbea.\nƐ̃, amewo gale Beroia (Véroia) siwo dzroa Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖɔɖɔɖotɔe bene 'yewoado nuwo katã akpɔ' eye 'yewoalé' nu si ŋu kpeɖodzi le eye wònye nyateƒe la me ɖe asi. (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Yehowa Ðasefowo ƒe hame kpɔdzidzedze eve le gbeƒã ɖem le dua me hele Biblia me gbedeasia gblɔm fia amewo abe ale si Paulo wɔe ene. Wodia dzianukwaretɔwo eye wodea ŋugble kple wo tso Ŋɔŋlɔawo me, eye woɖea mɔ be Biblia ƒe ameʋãŋusẽ nakpe ɖe ame siwo katã di be yewoanya Yehowa, Mawu vavãa, la ŋu.—Hebritɔwo 4:12.\n[Anyigbatata si le axa 13]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nPaulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia ƒe akpa aɖe\nMISIA\nTroa\nNeapoli\nFilipi\nMAKEDONIA\nAmfipoli\nTesalonika\nBeroia\nHELA\nAtene\nKorinto\nAXAYA\nASIA\nEfeso\nRODO\n[Nɔnɔmetata si le axa 13]\nGaku si dzi Aleksanda Gãtɔ si wowɔ Hela mawu aɖee la ƒe nɔnɔme le\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nGakua: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.\n[Nɔnɔmetata si le axa 14]\nAgbo aɖe si ɖo ta Yudatɔwo ƒe nɔƒe si le Beroia (Véroia)\n[Nɔnɔmetata si le axa 15]\nƑuƒoƒe xoxo aɖe si le egbegbe Beroia (Véroia)","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070415\/Na-M%C3%ADaz%C9%94-Paulo-To%C6%92e-Ayi-Beroia\/","date":"2020-02-20T06:24:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875144637.88\/warc\/CC-MAIN-20200220035657-20200220065657-00149.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984850287,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984850287437439}","num_words":1393,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mina Míasrɔ̃ Itai Ƒe Nuteƒewɔwɔ\n\"YEHOWA MAWU, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo nye gã, eye wowɔ nuku. Fia mavɔmavɔtɔ, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe. Yehowa, ame kae li, si mavɔ̃ wò ado wò ŋkɔ la ɖe dzi o, esi wònye wò ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla?\" Ha sia si \"ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe nɔnɔmewɔwɔ la\" dzi dzi le dziƒo la he míaƒe susu yi Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ dzi. (Nyaɖ. 15:2-4) Yehowa di be ye subɔlawo nasrɔ̃ ye le nɔnɔme nyoameŋu sia ɖeɖe fia me.—Ef. 4:24.\nGake Satana Abosam ya wɔa nu sia nu si wòate ŋui be yeama mawusubɔla siwo le anyigba dzi la ɖa tso Mawu si wodea ta agu na la ƒe lɔlɔ̃ gbɔ. Ke hã, ame geɖe lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna alea ŋu! Le nyateƒe me la, wona kakaɖedzi mí be: \"Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.\" (Ps. 37:28) Be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, ena woŋlɔ nuteƒewɔla geɖewo ƒe ŋutinyawo ɖe eƒe Nya la me na mí. Nuŋlɔɖi siawo dometɔ ɖekae nye esi ku ɖe Itai, Gatitɔ la, ŋu.\n'Du Bubu Me Tɔ Kple Sisila'\nAnɔ eme be Filistitɔwo ƒe du xɔŋkɔ si nye Gat mee Itai tso, eye du sia ke mee ame dzɔtsu Goliat kple Israel ƒe futɔ dziŋɔ bubuwo hã tso. Zi gbãtɔ si woƒo nu tso Itai, aʋawɔla bibi sia, ŋu le Biblia mee nye esime Absalom dze aglã ɖe Fia David ŋu. Itai kple eyomedzela Filistitɔ 600 siwo si tso wo de la nɔ nuto aɖe si tsɔ ɖe Yerusalem gbɔ la me ɣemaɣi.\nÐewohĩ nɔnɔme si me Itai kple eyomedzelawo nɔ la na David ɖo ŋku nɔnɔme aɖe si me eya ŋutɔ nɔ ɣeaɖeɣi kpɔ la dzi. Ɣemaɣi la, woa kple Israel ƒe aʋawɔla 600 aɖewo si yi ɖatsi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi le nuto aɖe si dzi ɖum Gat fia Axis nɔ la me. (1 Sam. 27:2, 3) Nu kae Itai kple eƒe amewo awɔ azɔ esi Absalom dze aglã ɖe David ŋu? Ðe woade Absalom dzi loo alo woade David kple eƒe amewo dzia? Alo ɖe woatiae be yewomade akpa aɖeke dzi kura oa?\nKpɔe le susu me ɖaa be David ye nye ema si tso Yerusalem va tɔ ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Bet-Merhak, si gɔmee nye \"Aƒe Si Le Didiƒe.\" Ðewohĩ eyae nye aƒe mlɔetɔ le Yerusalem dua me ne woɖo ta Amitoa gbɔ hafi atso Kidron bali la. (2 Sam. 15:17) Le afi ma la, David tsi tsitre ɖi henɔ ŋku lém ɖe eƒe aʋawɔlawo ŋu esi wova nɔ eme tsom. Kpɔ ɖa! Menye Israel vi wɔnuteƒewo koe nɔ eŋu o, ke Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã hã nɔ eŋu. Gawu la, Gatitɔwo katã—Itai kple eƒe aʋawɔla 600-awo—hã nɔ eŋu.—2 Sam. 15:18.\nDavid gblɔ na Itai veveseseɖeamenutɔe tso dzi me be: 'Nu ka ŋuti wò hã nèbe, yeayi kpli mí? Trɔ, yi ɖanɔ fia la gbɔ [edze ƒãa be Absalom ye wòwɔnɛ]; elabena du bubu me tɔ nènye, eya ta gbugbɔ yi nɔwòƒe! Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nanɔ tsaglalã tsam kpli mía? Nye la meyina, afi si menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbugbɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!'—2 Sam. 15:19, 20.\nItai ɖe ale si wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na David la gblɔ. Eɖo eŋu na David be: 'Meta Yehowa ƒe agbe kple nye aƒetɔ fia ƒe agbe: Afi si nye aƒetɔ fia anɔ la, afi ma eƒe dɔla anɔ, eɖanye ku me alo agbe me o!' (2 Sam. 15:21) Ðewohĩ esia na David ɖo ŋku nya si mamaa Rut gblɔ kpɔ la dzi. (Rut 1:16, 17) Itai ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe David dzi, eye David gblɔ nɛ be: \"Yi [nàtso Kidron bali la] kpli mí.\" Esi wònya gblɔ nya ma nɛ ko la, \"Gatitɔ Itai kple eƒe amewo katã kpakple ɖevi, siwo katã le eŋu la, yi kplii.\"—2 Sam. 15:22.\n\"Le Míaƒe Nufiafia Ta\"\nRomatɔwo 15:4 gblɔ be: \"Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.\" Eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be, Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Itai ƒe kpɔɖeŋua me? Bu nu siwo anya ʋãe wòwɔ nuteƒe na David ŋu kpɔ. Togbɔ be Itai nye amedzro si si tso Filisti nyigba dzi hã la, ekpɔe dze sii be Yehowae nye Mawu gbagbe la, eye wòkpɔe dze sii hã be David nye Yehowa ƒe amesiamina. Itai meɖe mɔ fuléle si nɔ Israel viwo kple Filistitɔwo dome la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ekpɔ nu yi ŋgɔ wu nyateƒe si wònye be David wu Filistitɔwo ƒe aʋakalẽtɔ Goliat kple Itai detɔ bubu geɖewo. (1 Sam. 18:6, 7) Itai bu David be enye ame si lɔ̃ Yehowa, eye ɖikeke mele eme o be, ede dzesi David ƒe nɔnɔme nyuiwo. Eya ta David hã va de bubu gã aɖe Itai ŋu. Bu eŋu kpɔ ko, David ma eƒe aʋakɔ la ɖe akpa etɔ̃ me hetsɔ \"etɔ̃liawo ɖeka de [Gatitɔ] Itai si\" le aʋa vevi si wowɔ kple Absalom ƒe aʋawɔlawo la me gɔ̃ hã!—2 Sam. 18:2.\nEle be míawo hã míadze agbagba akpɔ nu ayi ŋgɔ wu dekɔnuwo, ŋutigbalẽ, alo gbe vovovo dolawo ƒe vovototowo—nazãbubu kple fuléle ɖe sia ɖe si be ɖe mía me—ahade dzesi nɔnɔme nyui siwo le amewo si. Ƒomedodo si nɔ David kple Itai dome la ɖee fia mí be míate ŋu aɖu mɔxenu mawo dzi ne míeva nya Yehowa helɔ̃e.\nEsi míele ŋugble dem tso Itai ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: 'Ðe mekuna ɖe Kristo Yesu, si nye David Gãtɔ la, ŋu nuteƒewɔwɔtɔe nenema kea? Ðe meɖea nye nuteƒewɔwɔ fiana to gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe mea?' (Mat. 24:14; 28:19, 20) 'Afi kae madi be mado dzi ase ɖo atsɔ aɖe nye nuteƒewɔwɔ afia?'\nŊugbledede tso nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Itai ɖo ɖi la ŋu ɖea vi na ƒome ƒe tawo hã. Ale si Itai tsɔ eɖokui na David kple ale si wòtso nya me be yeayi kple fia si nye Mawu ƒe amesiamina la kpɔ ŋusẽ ɖe Itai ƒe amewo dzi. Nenema kee nyametsotso si ƒome ƒe tawo wɔna tsɔ kpea asi ɖe tadedeagu vavã la ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ƒomewo dzi, eye ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo ava wo dzi hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã. Ke hã, woka ɖe edzi na mí be: \"[Yehowa awɔ] nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.\"—Ps. 18:26, NW.\nLe aʋa si David wɔ kple Absalom megbe la, Ŋɔŋlɔawo megagblɔ nya aɖeke tso Itai ŋu o. Itai ƒe ŋutinya kpui si le Mawu ƒe Nya la me na míenya nu wɔdɔɖeamedzi geɖe tso ame si ƒomevi wònye la ŋu le ɣeyiɣi sesẽ ma si me David to le agbe me la me. Ale si Yehowa na woŋlɔ Itai ƒe ŋutinya ɖe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me ɖee fia mí be ekpɔa ŋudzedze ɖe nuteƒewɔwɔ ma tɔgbi ŋu heɖoa eteƒe.—Heb. 6:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090515\/Mina-M%C3%ADasr%C9%94%CC%83-Itai-%C6%91e-Nute%C6%92ew%C9%94w%C9%94\/","date":"2020-02-18T16:28:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875143784.14\/warc\/CC-MAIN-20200218150621-20200218180621-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981083274,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981083273887634}","num_words":1141,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ALE SI anyidi tea ŋu kɔa nu siwo kpena wu eya ŋutɔ zi geɖe la wɔa nuku na mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋutɔ. Be woate ŋu ase anyidi ƒe ŋutete sia gɔme la, mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo le Amerika le Ohio Nutoa ƒe yunivɛsiti tsɔ kɔmpiuta wɔ nane si ɖi anyidi be wòawɔ nu pɛpɛpɛ abe anyidi ene. X-ray fotoɖemɔ̃woe wozã tsɔ wɔ anyidi sia be woatsɔ akpɔ ŋusẽ si gbegbe anyidi zãna hafi tea ŋu kɔa agba kpekpewo.\nAnyidi ƒe kɔe nye eƒe ametia ƒe akpa vevi si kpena ɖe eŋu wòtea ŋu kɔa agba kpekpe ɖe nu. Lã falɛfalɛ siwo le anyidi ƒe kɔ ŋu la miãna ɖe eƒe ametia ƒe sesẽƒe kple eƒe ta ŋu wònɔna abe ale si wodea asi asitɛ me ene. Numekulawo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Ale si kɔa va miãna ɖe taa kple eƒe ametia ƒe sesẽƒea ŋu hiã vevie ŋutɔ be kɔa nate ŋu awɔ eƒe dɔ. Ðewohĩ ale si eƒe ametia ƒe akpa si bɔbɔ va miãna ɖe sesẽƒea ŋu lae nana be ŋusẽ nɔna eŋu be wòtsɔa agba siwo lolo wu eya ŋutɔ.\" Numekulawo le mɔ kpɔm be ne yewova se ale si anyidi ƒe kɔ wɔa dɔe gɔme nyuie la, akpe ɖe yewo ŋu be yewoawɔ robɔt siwo gade ŋgɔ wu.\nNu kae nèsusu? Ðe anyidi ƒe kɔ wɔnuku la kple ale si wòwɔa dɔe la dzɔ le eɖokui sia? Alo wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2016-june\/nyate%C6%92e-ku-%C9%96e-anyidi-ametia\/","date":"2020-06-06T15:25:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348513321.91\/warc\/CC-MAIN-20200606124655-20200606154655-00034.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976178408,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976178407669067}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE Zà do tsiɖitsiɖi le kuɖinyigba sia dzi la, dzogbedadi dona le eƒe do me heva tɔna ɖe gota. Etsaa ŋku godoo henɔa to dzi. Eye wòbɔbɔna henɔa tatam blewuu le dzogbe sia.\nKasia dzogbedadi sia ti kpo dze lã si menya be ku de xa ɖi na ye o la dzi\nAle si dzogbedadi ƒe towo ɖae la wɔe be wòtea ŋu sea lã siwo wòléna la ŋkɔ henyaa afi si tututu wole, ne woɖale do me ʋĩ ke hã\nNe dzogbedaditsu di be yeanya afi si dadinɔ aɖe le la, exlɔ̃na sesĩe. Esi dadinɔ hã ƒe to ɖa ŋutɔ ta la, etea ŋu sea yɔyɔ sia le didiƒe ke\nFu siwo le dzogbedadi ƒe afɔƒome wɔnɛ be mesia ke o, eye wonana hã be ke si xɔa dzo gbãgbãgbã la memea afɔƒome nɛ o\nEto fu ɣi gbogbo aɖewo ɖe to me si wɔnɛ be ne ya le ƒoƒom la, ke meɖoa to me nɛ o\nMele bɔbɔe be woakpɔ dzogbedadi ƒe afɔteƒewo o, elabena fu siwo le eƒe afɔƒome la tutua eƒe afɔteƒewo\nTsi siwo nɔa lãme na lã siwo dzogbedadi léna la tea ŋu xɔnɛ ɖe agbe\nLe Kara-Kum Dzogbe la, anyigba tea ŋu xɔa dzo gbãgbãgbã abe dzidzenu Celsius 80 ene. Ɣeaɖewoɣi la, yame fana miamiamia wu tsikpe","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201307\/dzogbedadi-si-kp%C9%94kp%C9%94-mele-b%C9%94b%C9%94e-o\/","date":"2020-05-31T13:44:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413406.70\/warc\/CC-MAIN-20200531120339-20200531150339-00088.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999125421,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991254210472107}","num_words":212,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia-ŋlɔla Luka gblɔ tso Yesu ƒe agbemeŋutinya si wòŋlɔ la ŋu be: \"Nye hã meku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.\"—Luka 1:3.\nAme aɖewo gblɔna be wotrɔ Yesu ƒe agbemeŋutinya siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽwo, siwo nye agbalẽ siwo eŋɔlimetɔ siwo nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ, la me nyawo le ƒe alafa enelia le Yesu dzidzi megbe me.\nGake wova ke ɖe Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe ŋuti le Egipte le ƒe 1900-ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Woyɔa asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ sia egbea be Papyrus Rylands 457 (P52) eye wodzrae ɖo ɖe John Rylands Library si le Manchester le England (Angleterre). Nya siwo dze le Yohanes 18:31-33, 37, 38 le egbe Bibliawo mee le edzi.\nEsiae nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo Nubabla Yeyea ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ xoxotɔ si ŋu woke ɖo. Agbalẽnyala geɖe xɔe se be ƒe 125 me lɔƒoe woŋlɔe. Esia anye ƒe 25 alo esi wu nenema vie ko esime Yohanes ŋutɔ ŋlɔ eƒe agbalẽa megbe. Nuŋlɔɖi siwo ŋu woke ɖo la sɔ pɛpɛpɛ kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo va ɖe emegbe la tɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-yesu-%C6%92e-agbeme%C5%8Butinya\/","date":"2020-05-26T09:45:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992901683,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992901682853699}","num_words":174,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OCTOBER 28, 2014\nMEXICO\nEsi Ahom si woyɔna be Odile tu le Baja California Sur ƒe ƒuta le Dzoɖa, September 15, 2014 dzi megbe la, Yehowa Ðasefo siwo le nuto siwo ƒo xlã nuto sia me la tsɔ nuɖuɖu, tsi kple atikewo yi ɖana woƒe haxɔsetɔ siwo ŋu ahom la gblẽ nu le. Nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o, eye ɖeke hã meku le ahom sesẽtɔ kekeake si tu kpɔ le ƒukpo sia dzi tso keke ƒe 1967 me la me o. Ke hã, ahom la gbã Ðasefowo ƒe aƒe 82 eye wògblẽ nu le aƒe 85 bubuwo ŋu. Ena hã be ƒome 125 ʋu le woƒe aƒewo me. Ame siwo ʋu le woƒe aƒewo me la yi ɖatsi woƒe haxɔsetɔwo gbɔ. Ŋkeke ene do ŋgɔ na ahom la, Ðasefowo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ŋlɔ lɛta na hame siwo le nutoa me gblɔ nu siwo woawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe ahom la ŋu na wo. Ðasefowo ƒe hamemetsitsiwo na woƒe hametɔ siwo ƒe aƒewo dome gblẽ la yi ɖatsi wo nɔvi Ðasefo bubuwo gbɔ. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico ɖo kpekpeɖeŋunanu tɔn 20 ɖe nuto si me ahom la gblẽ nu le.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nMexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/mexico\/ame-siwo-%C5%8Bu-ahom-gbl%E1%BA%BD-nu-le-20141028\/","date":"2020-06-05T07:34:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348493151.92\/warc\/CC-MAIN-20200605045722-20200605075722-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988895059,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988895058631897}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutsu aɖe si subɔa Yehowa la, nɔ Uz-nyigba dzi. Eŋkɔe nye Hiob. Enye kesinɔtɔ gã aɖe si si ƒome gã aɖe nɔ. Enye dɔmenyotɔ eye wòkpena ɖe ame dahewo, ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo siaa ŋu. Gake ɖe wòfia be esi Hiob wɔa nu nyui ta la, nya vɔ̃ aɖeke mate ŋu adzɔ ɖe edzi oa?\nHiob menya be Satana Abosam nɔ ŋku lém ɖe ye ŋu o. Yehowa bia Satana be: 'Èlé ŋku ɖe nye subɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Eɖoa tom eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.' Satana ɖo eŋu be: 'Esi nèkpɔa eta, nèyrae eye nèna anyigba kple lãwoe tae Hiob ɖoa to wò ɖo. Ne èxɔ nu siawo katã le esi la, adzudzɔ wò subɔsubɔ.' Yehowa gblɔ nɛ be: 'Àte ŋu ado Hiob kpɔ. Gake mèkpɔ mɔ awui o.' Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ be Satana nado Hiob kpɔ? Mawu ka ɖe Hiob dzi be madzudzɔ ye subɔsubɔ o.\nSatana he afɔku geɖe va Hiob dzi be yeatsɔ adoe kpɔ. Gbã la, edɔ Sabatɔwo ɖa wova fi Hiob ƒe nyiwo kple tedziwo. Emegbe dzo fiã Hiob ƒe alẽwo katã. Ame bubu siwo nye Kaldeatɔwo hã va fi Hiob ƒe kposɔwo. Wowu subɔvi siwo katã nɔ lãawo kplɔm la hã. Afɔku si vɔ̃ɖi wu la va dzɔ. Hiob ƒe viwo katã ku esime xɔ si me wonɔ nu ɖum le la mu dze wo dzi. Hiob ƒe dzi gbã ale gbegbe, gake medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.\nSatana di be Hiob ƒe veveseseawo nadzi ɖe edzi, eya ta ena Hiob ƒe ŋuti katã wɔ abi keŋ. Hiob se veve ŋutɔ. Hiob menya nu si ta nu siawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe ye dzi o. Ke hã eyi edzi subɔ Yehowa. Mawu kpɔ nu siawo katã eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe Hiob ŋu ŋutɔ.\nEmegbe Satana dɔ ŋutsu etɔ̃ aɖewo ɖa be woado Hiob kpɔ. Wogblɔ nɛ be: 'Anye be nu vɔ̃ aɖe si nèwɔ tsɔ ɣla gbɔe wòtso be Mawu le to hem na wò ɖo.' Hiob ɖo eŋu be: 'Nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.' Gake emegbe la, Hiob va nɔ bubum be Yehowa gbɔe yeƒe kuxiawo tso eye wògblɔ be Mawu mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o.\nÐekakpui si ŋkɔe nye Elihu zi kpi kpoo nɔ to ɖom woƒe dzeɖoɖoawo. Emegbe eke nu gblɔ be: 'Nya siwo mi katã miegblɔ la mesɔ o. Yehowa lolo wu ale si míate ŋu anya. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o. Ekpɔa nu sia nu eye wòkpena ɖe ame siwo le kuxiwo me tom la ŋu.'\nEmegbe Yehowa ƒo nu kple Hiob. Egblɔ be: 'Afi kae nènɔ esi mewɔ dziƒo kple anyigba? Nu ka tae nègblɔ be nyemewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o? Ègblɔ nyawo gake mèse nu si tae nuwo yi nenema gɔme o.' Hiob lɔ̃ ɖe edzi be yewɔ vodada eye wògblɔ be: 'Tɔnye medzɔ o. Wogblɔ nya le ŋuwò mese, ke azɔ la, menya wò. Ètea ŋu wɔa nu sia nu. Tsɔe kem elabena nyemegblɔe nyuie o.'\nEsi Hiob ƒe dodokpɔawo nu va yi la, Yehowa na eƒe lãme gasẽ eye wòna nu geɖe va su esi wu tsã. Hiob nɔ agbe didi eye wòkpɔ dzidzɔ geɖe. Yehowa yra Hiob ɖe ale si wòɖo toe togbɔ be nuwo menɔ bɔbɔe nɛ o hã la ta. Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa abe Hiob ene eɖanye nu ka kee dzɔ oa?\n\"Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya, eye miekpɔ ale si Yehowa na nuwo va wu enu nɛ.\"—Yakobo 5:11","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/hiob\/","date":"2020-06-01T13:38:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347417746.33\/warc\/CC-MAIN-20200601113849-20200601143849-00086.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982354045,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982354044914246}","num_words":573,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Zɔ Le Xɔse Me, Ke Menye Le Nukpɔkpɔ Me O'\nRoma-srafo siwo ɖe to Yerusalem la trɔ dzo. Nyametsotso sesẽ aɖe dze ŋgɔ Kristotɔwo ƒe ƒome eve aɖewo. Ðe woaɖo to Yesu ahagblẽ woƒe nuwo katã ɖi adzoa? Nyametsotso si dze ŋgɔ wo nye ku kple agbe ƒe nya. Video sia ku ɖe nu siwo wogblɔ ɖi le Biblia me siwo dzi ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖo kpee la ŋu. Aʋawɔwɔ dze le videoa me be wòana míakpɔ ale si nuwo dzɔ ŋutɔŋutɔ, menye ɖe woɖe wo tsɔ le ŋutasẽnuwɔnawo kafum o, ke boŋ be wòana míakpɔ nu siwo tututu me Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la to.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/videowo\/z%C9%94-le-x%C9%94se-me-ke-menye-le-nukp%C9%94kp%C9%94-me-o\/","date":"2020-05-27T15:58:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347394756.31\/warc\/CC-MAIN-20200527141855-20200527171855-00122.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985136986,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985136985778809}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbalẽ sia nye Eʋe Biblia ƒe gɔmeɖeɖe yeye la. Enye Biblia blibo si gɔme wogbugbɔ ɖe ɖe Eʋegbe me. gɔmeɖeɖe sia nye Kristo-hame siwo katã le Ghana kple Togo la ƒe dɔwɔwɔ. Katoliko kple Protestante hameawo katãe sɔ asi ɖe eŋu wɔe, eye Xexea me Biblia Habɔbɔ Dɔwɔƒewo ƒe ƒuƒoƒo do alɔ wo le go geɖe me ŋutɔ.\nWowɔ gɔmeɖeɖe sia tso Hebri Biblia Yeye la kple Hela Nubabla Yeye la me. Ke nyagɔmeɖelawo wɔ Biblia siwo le gbegbɔgblɔ bubuwo me la hã ŋu dɔ. Taɖodzinu vevi eve nɔ wo si. Gbãtɔ nye be woadeze agbagba aɖe Hebrigbe kple Helagbe la gɔme tututu, eye womatra tso mawunya la gbɔ o. Evelia nye be woawɔ Eʋegbe si gɔme nyase nyuie la ŋu dɔ. Wotsɔ gɔmeɖeɖe yeyea sɔ ɖe xoxotɔ ŋu, eye wotia esi me kɔ nyuie, eye wòɖe Hebrigbe kple Helagbe la gɔme tẽe wu la.\nAgbalẽxlẽlawo nadze agbagba awɔ kpeɖeŋunu vovovo siawo ŋu dɔ bene woase Nya Nyui la gɔme nyuie.\nBibliagɔmeɖedɔ sia mebɔbɔ kura o, eye míexɔ se be mevɔ hã haɖe o. Kristoe nye gɔmeɖokpe la. Ɖeko míele tutum ɖe gɔmeɖokpe sia kple esi ŋgɔdolawo tu xoxo la dzi.\nWoada akpe vavãtɔ na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo si nye míawo hã mía Fofo la, be ena mɔnukpɔkpɔ Eʋeawo hã be woagaxlẽ eƒe Agbenya la yeyee. Neve mía nu be míakpɔ viɖe mavɔ le gɔmeɖeɖe yeye sia me.\nThe gospel must travel as far as we can make it. It takes bold Christians like you to achieve this objective through your volunteering and giving of money to send the salvation message to those who otherwise have not yet heard the Word.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/kusaal.bible\/","date":"2020-05-27T09:35:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347392142.20\/warc\/CC-MAIN-20200527075559-20200527105559-00430.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987880588,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":17,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998788058757782}","num_words":274,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAha sesẽ nono menye nu gbegblẽ ne wonoe le ŋuɖɔɖo me o. Biblia gblɔ be wain nye nunana tso Mawu gbɔ eye be ate ŋu ado dzidzɔ na mí. (Psalmo 104:14, 15; Nyagblɔla 3:13; 9:7) Biblia gblɔ hã be woate ŋu azã aha le atikewɔwɔ me.—1 Timoteo 5:23.\nAfɔku siwo le aha tsu nono me\nTogbɔ be Biblia ƒo nu tso vi siwo wain ɖena na ame ŋu hã la, etsri aha tsu nono kple ahamumu na mí. Eya ta ne Kristotɔ aɖe tiae be yeano aha sesẽ la, ele be wòanoe le ŋuɖɔɖo me. (1 Timoteo 3:8; Tito 2:2, 3) Biblia gblɔ susu geɖe siwo tae wòle be míatsri aha tsu nono ɖo la na mí.\nEnana be ame megabua tame alo tsoa nya me nyuie o. (Lododowo 23:29-35) Ame si mu aha mate ŋu awɔ ɖe se si Biblia de be 'míatsɔ míaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me míazã míaƒe tamebubuŋutete le' la dzi o.—Romatɔwo 12:1.\nAha agbɔsɔsɔme ka nonoe gbɔ eme?\nWoagblɔ be ame aɖe no aha wògbɔ eme nenye be eƒe ahanono agblẽ nu le eya ŋutɔ loo ame bubuwo ŋu. Le Biblia ƒe nya nu la, menye ame ƒe ɖimeyiyie wotsɔ dea dzesii be emu aha o, ke boŋ nuwɔnawo abe, amea natɔtɔ le eɖokui me, anɔ yiyim sagasaga, anɔ dzre wɔm eye wòanɔ nya tramawo gblɔm ye. (Hiob 12:25; Psalmo 107:27; Lododowo 23:29, 30, 33) \"Aha tsu nono\" ate ŋu ate ame siwo dzea agbagba be ahaa nagamu yewo o gɔ̃ hã ƒe \"dzi ɖe to\" eye wòagblẽ nu le wo ŋu vevie.—Luka 21:34, 35.\nAhatsitri kura\nBiblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe siwo me wòle be Kristotɔ naƒo asa na aha sesẽ nono kura la ŋu:","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-ahanono-nye-nu-v%C9%94%CC%83a\/","date":"2020-06-02T06:29:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422803.50\/warc\/CC-MAIN-20200602033630-20200602063630-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963883758,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963883757591248}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.285,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU LE DZODZOM AÐADZRA TEƑE ÐO\nEDO KPEÐEŊUTƆ AÐE ŊUGBE NA EYOMEDZELAWO\nFOFO LA LOLO WU YESU\nEsi Yesu kple eƒe apostoloawo gakpɔtɔ le dziƒoxɔa dzi le ŋkuɖodzinua ɖuɖu vɔ megbe la, ede dzi ƒo na wo be: \"Migana dzika natso mia ƒo o. Mixɔ Mawu dzi se; mixɔ nye hã dzinye se.\"—Yohanes 13:36; 14:1.\nYesu ɖe nu si tae mele be yeƒe dzodzo la natso dzika ƒo na apostolo wɔnuteƒeawo o la me esi wògblɔ be: \"Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi vɔ la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.\" Ke hã apostoloawo mese egɔme be eƒe dziƒoyiyi ŋu nya gblɔmee wòle o. Toma biae be: \"Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, aleke míawɔ anya mɔa?\"���Yohanes 14:2-5.\nYesu ɖo eŋu be: \"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.\" Mɔ si ko dzi ame ate ŋu ato ayi Fofoa ƒe me, si nye dziƒo lae nye be wòaxɔ Yesu kple eƒe nufiafiawo dzi ase ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Yesu gblɔ be: \"Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.\"—Yohanes 14:6.\nFilipo, si nɔ to ɖom vevie la gblɔ be: \"Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.\" Anye be Mawu ŋuti ɖeɖefia, abe esiwo dze le ŋutega siwo Mose, Eliya kple Yesaya kpɔ me ene la tɔgbie Filipo di be yeakpɔ. Ke hã nane si nyo wu ŋutega mawo la le apostoloawo si. Yesu he susu yi nu si wònye la dzi esi wògblɔ be: \"Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.\" Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ; eya ta Yesu gbɔ nɔnɔ kple ŋkuléle ɖe eŋu le ko abe Fofo la kpɔkpɔ ene. Ke hã eme kɔ ƒãa be Fofo la lolo wu Vi la, elabena Yesu gblɔ be: \"Nya siwo gblɔm mele na mi la, menye nye ŋutɔ nye nyawoe o.\" (Yohanes 14:8-10) Apostoloawo kpɔe be Yesu tsɔ nu siwo wòfiana la ŋuti kafukafua katã na Fofoa.\nYesu ƒe apostoloawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ, eye wosee wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Azɔ egblɔ na wo be: \"Ame si xɔa dzinye sena la hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo.\" (Yohanes 14:12) Yesu mele gbɔgblɔm be woawɔ nukunu siwo lolo wu esiwo yewɔ o. Ke hã woazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, le anyigbamama si lolo wu me, eye woaɖo ame geɖe wu gbɔ.\nYesu ƒe dzodzo le wo gbɔ mefia be agblẽ wo ɖi o, elabena edo ŋugbe na wo be: \"Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.\" Egblɔ kpee be: 'Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ bubu, si nye nyateƒegbɔgbɔ la mi, be wòanɔ mia gbɔ tegbee.' (Yohanes 14:14, 16, 17) Eka ɖe edzi na wo be woaxɔ kpeɖeŋutɔ bubu, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la. Esia dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi.\nYesu gblɔ be: \"Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm, elabena mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.\" (Yohanes 14:19) Tsɔ kpe ɖe ale si Yesu aɖe eɖokui afia wo le ŋutilã me le eƒe tsitretsitsi megbe ŋu la, ava fɔ wo ɖe tsitre emegbe be woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo anɔ egbɔ le dziƒo.\nAzɔ Yesu gblɔ nyateƒenya aɖe si le tẽe ale: \"Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.\" Esia na apostolo Yuda, si wogayɔna be Tadeo la, biae be: \"Aƒetɔ, nu ka tae nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí, ke menye xexea katã o?\" Yesu ɖo eŋu be: \"Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e . . . Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o.\" (Yohanes 14:21-24) Yesu yomedzelawo xɔe se be Yesu ye nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe la, gake mele alea le xexea ya gome o.\nEsi Yesu le dzodzom la, aleke eƒe nusrɔ̃lawo awɔ aɖo ŋku nu siwo katã wòfia wo la dzi? Yesu gblɔ be: \"Kpeɖeŋutɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.\" Apostoloawo kpɔ ŋusẽ si gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la xoxo, eya ta nya ma afa akɔ na wo. Yesu gblɔ kpee be: \"Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi; mele nye ŋutifafa nam mi. . . . Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o.\" (Yohanes 14:26, 27) Mele be dzika natso nusrɔ̃lawo ƒo o, elabena Yesu Fofo afia mɔ wo ahakpɔ wo ta.\nEteƒe madidi o, woakpɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋuti kpeɖodzi. Yesu gblɔ be: \"Xexea dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.\" (Yohanes 14:30) Abosam te ŋu ge ɖe Yuda me hekpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Gake nu vɔ̃ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke mele Yesu ŋu si ŋu dɔ Satana ate ŋu awɔ be Yesu nadze aglã ɖe Mawu ŋu o. Azɔ hã Abosam mate ŋu axe mɔ ɖe Yesu ƒe fɔfɔ tso ku me nu o. Nu ka tae? Yesu gblɔ be: \"Mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.\" Eka ɖe edzi bliboe be ye Fofo afɔ ye ɖe tsitre.—Yohanes 14:31.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/m%C9%94-nyate%C6%92e-agbe\/","date":"2020-06-02T12:42:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347424174.72\/warc\/CC-MAIN-20200602100039-20200602130039-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985249639,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985249638557434}","num_words":883,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME AÐEWO AÐO EŊU BE AO. Ðɔkta aɖe gblɔ be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ le ko abe woatsɔ ƒe 1920 ƒe atikewo dodo kpɔ ŋu gbalẽ anɔ nu fiam sukuviwo egbea ene. Biblia ŋuti ɖikela aɖe ate ŋu abia be ɖe wòanya w�� be woazã blemakɔmpiuta aɖe ƒe mɔfiagbalẽ na egbegbekɔmpiutaa? Le ame bubuwo gome la, wobu Biblia be edo xoxo eye viɖe aɖeke mele emenyawo ŋu kura o.\nEsi xexea yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me ɖe, nu ka tae ame aɖe aganɔ blemamɔfiamegbalẽ aɖe zãm? Aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiame gbogbo aɖewo siwo ŋu wotrɔa asi le edziedzi la bɔ ɖe internet dzi. Susuŋutinunyala bibiwo, ale si míanɔ agbee ŋutinunyalawo kple agbalẽŋlɔlawo dzena le television dzi wɔnawo me zi geɖe. Amewo ƒlea agbalẽ siwo woawo ŋutɔwo ate ŋu axlẽ azã wo me ɖaŋuɖoɖowo, eye esia wɔe be wo dzralawo le ga geɖe wɔm.\nEsi wònye be àte ŋu akpɔ nyatakaka le nu sia nu si dim nèle ŋu bɔbɔe ɖe, nu ka tae wòahiã be ame natrɔ ɖe Biblia si woŋlɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la ŋu? Ke ɖe nya si ɖikelawo gblɔ be Biblia zazã egbea le abe blema atikewo dodo kpɔ ŋu gbalẽ alo blemamɔfiamegbalẽ zazã na egbegbekɔmpiuta ene la manye nyateƒe oa? Le nyateƒe me la, nuwo ŋu bubu alea mesɔ o. Dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya le tɔtrɔm kabakaba, gake ɖe amegbetɔwo ƒe nuhiahiã veviwo hã trɔa? Amewo gale ŋuɖoɖowo dim na nu si tae míele agbe ɖo, ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ eye woanɔ dedie, nu si ana ƒomewo dome nanɔ nyuie, eye woadze xɔlɔ̃ vavãwo la kokoko.\nTogbɔ be Biblia li eteƒe didi hã la, eɖo biabia mawo kple bubu geɖewo ŋu. Biblia ŋutɔ ɖo kpe edzi be mía Wɔlaa ƒe nyawoe le eme. Efiaa mɔ mí le nu sia nu me le agbe me eye wòdzraa mí ɖo be míate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu. (2 Timoteo 3:16, 17) Nu si ganyo wue nye be Biblia ŋutɔ ɖo kpe edzi be emeɖaŋuɖoɖowo sɔna ɣesiaɣi eye wo nu meyina gbeɖe o! Biblia ŋutɔ gblɔ be: \"Mawu ƒe nya la le agbe.\"—Hebritɔwo 4:12.\nÐe Biblia ƒe nya mawo nye nyateƒea? Ðe eme nyawo do xoxo loo alo emenyawo wɔa dɔ eye woɖea vi si fia be emenyawo le agbea? Taɖodzinu si le Gbetakpɔxɔ sia si nye tata tɔxɛ siwo ava ɖe wo nɔewo yome la ƒe gbãtɔ ŋue nye be, wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/biblia-m%C9%94fiamewo-ga%C9%96ea-vi\/","date":"2020-06-02T03:09:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422065.56\/warc\/CC-MAIN-20200602002343-20200602032343-00388.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993077517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993077516555786}","num_words":399,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be Hiob zu wɔnamanɔŋutɔ, viawo ku eye wòdze dɔ hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe. Eya ta Satana dze agbagba be yeazã dziɖeleameƒo atsɔ agblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me. Hiob \"xɔlɔ̃\" etɔ̃ va egbɔ. Gbã la, woɖee fia gaglã be yewose veve ɖe enu. Emegbe wonɔ anyi ɖe egbɔ numaƒomaƒoe ŋkeke adre; womegblɔ nya aɖeke tsɔ fa akɔ nɛ o. Nya siwo wogblɔ emegbe nye fɔbuamenya sesẽwo.\nTogbɔ be woƒo nya ɖe Hiob nu vevie hã la, elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa\nNuxaxa vevie na be Hiob mebu nuwo ŋu nyuie o. Eƒo nya ta vodadatɔe be Mawu metsɔ ɖeke le yeƒe nuteƒewɔwɔ me o\nEsi dzi ɖe le Hiob ƒo ta la, mebu nu bubu siwo gbɔ eƒe fukpekpewo anya tso la ŋu o\nTogbɔ be nuxaxa na nu te Hiob ŋu hã la, eƒo nu tso lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa ŋu na enutsolawo","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar21-27\/tetekp%C9%94wo-Hiob-biblia-dzi%C9%96eleame%C6%92o\/","date":"2020-07-12T10:58:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657134758.80\/warc\/CC-MAIN-20200712082512-20200712112512-00163.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961559772,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961559772491455}","num_words":149,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"De Dzi Ƒo Na Amewo Eye Nàtsɔ Nya Siwo Sɔ Afa Akɔ Na Wo\nEle be aɖaŋuɖola ƒe nyawo nade dzi ƒo\n16:4, 5\n-\nHiob ƒe dzi gbã eye wòlé blanui, eya ta ehiã kpekpeɖeŋu kple nya siwo ade dzi ƒo nɛ\n-\nHiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo megblɔ nya aɖeke tsɔ fa akɔ nɛ o. Ke boŋ wohe nya ɖe eŋu si wɔe be wògatsi dzimaɖi ɖe edzi\nBildad ƒe nyatɔamewo do vevesese na Hiob vevie","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr4-10\/hiob-biblia-alakpa-nutsotsowo\/","date":"2020-07-12T13:03:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657138718.61\/warc\/CC-MAIN-20200712113546-20200712143546-00329.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999785006,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997850060462952}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÀWƆ?\nKpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Thomas medi be yeayi suku egbea o. Medi be yeayii etsɔ hã o. Eye megadi be yeayii kura o. Nya la katã dze egɔme ɣleti etɔ̃ aɖewoe nye esia esime eƒe sukuhatiwo te eŋuti gbegblẽ. Eyome wotsɔ megbeŋkɔwo nɛ. Ɣeaɖewoɣi la, sukuvi aɖewo ƒoa eƒe sukugbalẽ le esi hewɔna abe ɖe womenya hafi wɔe o ene. Ɣeaɖewoɣi hã la, ame aɖewo tutunɛ le megbe, gake ne etrɔ kpɔ sukuviawo la, menyaa wo dometɔ si tutu ye o. Etsɔ si va yi la, amenuɖianuwo wɔwɔ ɖe Thomas ŋu va do gã ɖe edzi esi woƒe sukuvi aɖewo ŋlɔ nu le internet dzi tsɔ do vɔvɔ̃ nɛ be . . .\nNe wòe nye Thomas ɖe, nu kae nàwɔ?\nTƆ NÀBU EŊU KPƆ!\nÀte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu! Le nyateƒe me la, àte ŋu anɔ te ɖe anyrawɔlaa nu kɔmadamadae. Aleke nàwɔ esiae?\nLÉ ÐOKUIWÒ KPOO. Biblia gblɔ be: \"Bometsila dudua eƒe seselelãme katã kɔna ɖi, ke nunyala léa enu tufafatɔe.\" (Lododowo 29:11) Ne èlé ɖokuiwò kpoo, vevietɔ le gota gome la, ame siwo le nuwò ɖiam la ava dzudzɔ.\nMÈGAWƆ WƆÐENUI O. Biblia gblɔ be: \"Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.\" (Romatɔwo 12:17) Ðeko wɔɖenuiwɔwɔ ana nya la nanyra ɖe edzi.\nMÈGADE ÐOKUIWÒ NYA ME O. Biblia gblɔ be: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.\" (Lododowo 22:3) Ne anya wɔ la, ƒo asa na ame siwo ate ŋu awɔ amenuɖianuwo ɖe ŋuwò kple nɔnɔme siwo me esia ate ŋu adzɔ le la keŋkeŋ.\nÐO NYA ŊU NƐ LE MƆ SI MAKPƆ MƆ NA O NU. Biblia gblɔ be: \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.\" (Lododowo 15:1) Àte ŋu atsɔ amea ƒe nyaa awɔ nukonyae gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne woko wò be èlolo akpa la, àte ŋu akɔ abɔta dzi agblɔ be, \"Mekpɔe be ele be maɖi ku vie!\"\nDZO LE AMEA GBƆ. Nora si xɔ ƒe 19 gblɔ be: \"Ne èzi ɖoɖoe hedzo le amenuɖialaa gbɔ kpoo la, àɖee fia be yetsi le susu me eye yesesẽ wui. Àɖee fia be yeɖua ye ɖokui dzi; nɔnɔme sia mele amenuɖialaa si o.\"—2 Timoteo 2:24.\nKA ÐE ÐOKUIWO DZI. Zi geɖe la, ame siwo dia ge le ame ŋu kpɔa ame siwo meka ɖe wo ɖokuiwo dzi o eye womate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta o la dzea sii. Gake wo dometɔ geɖe adzudzɔ gedidi le ŋuwò ne wokpɔe be mèle mo nam yewo o.\nGBLƆE NA AME AÐE. Ame aɖe si nye sukunufiala tsã gblɔ be: \"Made dzi ƒo na ame sia ame si nu ɖiam wole la be wòakɔ nu le edzi. Esiae nye nu nyuitɔ, eye ate ŋu awɔe hã be amea magawɔ nu sia ɖe ame bubuwo hã ŋu o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo-nya\/amenu%C9%96ia%C9%96ia-le-suku\/","date":"2020-07-12T01:03:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657129257.81\/warc\/CC-MAIN-20200711224142-20200712014142-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997613728,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976137280464172}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ɖeɖe Kple Ƒomegbenɔnɔ\nBiblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu xoxo woƒe ƒomewo le dzidzɔ kpɔm.\nMawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ nana míenyana ale si míawɔ be míaƒe ƒomewo nakpɔ dzidzedze, eye ne míewɔ eƒe mɔfiamewo dzi la, eɖea vi na mí godoo.\nNu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu-kple-ŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la nya nu siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme la nyuie.\nXlẽ nu tso nu si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo kple nu si wòlé fui ŋu.\nMawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe anyia? Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu la ɖa.\nKpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso ale si amegbetɔwo katã le sɔsɔe kple srɔ̃ɖeɖe ŋu.\nNu si sedede sia mefia o la awɔ nu ku na wò.\nBiblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo ɖo kpɔɖeŋu ɖi le esia wɔwɔ me ŋu. Azɔ hã, eɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le ame tsitsiwo dzi kpɔm la ŋu.\nGbɔdɔdɔ\nAleke Mawu bua ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo? Ðe wòanya wɔ be ame si ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ dzrona ƒe ŋu nadze Mawu ŋua?\nNya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ (Porno) Ŋu? Ðe Nane Gblẽ Le Dzeɖoɖo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu To Internet Dzi Ŋua?\nModzakaɖeɖe siwo me gbɔdɔnuwɔnawo le va bɔ egbea ŋutɔ. Ðe woƒe bɔbɔ wɔe be naneke megblẽ le wo ŋu oa?\nÐe vivisese le gbɔdɔdɔ me nye nu vɔ̃a?\nÐe se aɖewo li ku ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ŋuti siwo ŋu wòle be srɔ̃tɔwo nabua?\nNu 7 siwo wotu ɖe Biblia me nya siwo me nunya le dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame nu.\nAɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia nu viwò tso gbɔdɔnyawo ŋu ahakpɔ eta tso ɖevigbɔdɔlawo si me.\nTiatiawo\nÐe Mawu tsɔ ɖe le dɔdamɔnu si míetiana mea?\nBiblia gblɔ be Mawu de se be 'míatsri ʋu.' Nu kae esia lɔ ɖe eme egbea?\nƔekaɣie amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme? Ðe Mawu atsɔ ame aɖe si ɖe fu kpɔ la ƒe nu vɔ̃ akeea?\nÐe nutáta ɖe ŋuti doa dzidzɔ na wòa? Biblia ƒe mɔfiame kawo ŋue wòle be nàbu?\nBiblia ƒo nu tso vi siwo wain kple aha sesẽ bubuwo ɖena ŋu.\nNe atamanono medze le Biblia me o ɖe, ke ɖe wòanya wɔ be míaɖo nya sia ŋua?\nEsi Biblia meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o ɖe, aleke míawɔ anya ale si Mawu bua nuwɔna siae?\nAme geɖewo xɔe se be dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe ale si nuwo va yina na mí le agbe me la dzi. Ðe tiatia siwo míewɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/agben%C9%94n%C9%94-kple-agbe-nyui-n%C9%94n%C9%94\/","date":"2020-07-03T22:20:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655883439.15\/warc\/CC-MAIN-20200703215640-20200704005640-00523.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978007078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978007078170776}","num_words":466,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nZi geɖe la, ne ɖeviwo tsi eye woʋu le aƒe mea, srɔ̃tɔwo toa kuxi sesẽwo me. Ne ɖeviawo dzo le aƒea me la, dzilawo zua ame dzrowo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me. Aƒetɔ M. Gary Neuman si nya nu tso ƒomewo ŋu gblɔ be: \"Meɖoa aɖaŋu na ame geɖe siwo menya ale si woawɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ wo kple wo srɔ̃ dome o. Fifia si ɖeviawo ʋu le aƒea mea, nu boo aɖeke meli si ŋu [dzilawo] naɖo dze tsoe o.\" *\nÐe esia sɔ kple wò srɔ̃ɖeɖea le mɔ aɖe nua? Ne nenemae la, ke àte ŋu aɖɔ nuwo ɖo. Gake gbãa, de ŋugble le nu siwo wɔe be wò kple srɔ̃wò dome va ma ŋu.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nMietsi dzi ɖe mia viwo ŋu ƒe geɖe. Dzila geɖe dia nu nyui na wo viwo, eya ta wotsɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo ɖo ŋgɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖea. Esia nana be wova tsia dzi ɖe woƒe wɔƒewo abe dzilawo ene ŋu si wɔnɛ be womegakuna ɖe wo nɔewo ŋu abe srɔ̃tɔwo ene o, eye esia va dzena nyuie ne wo viwo tsi dzo le aƒea me. Srɔ̃nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 59 gblɔ be: \"Esi mía viwo nɔ mía gbɔ la míewɔa nuwo ɖekae.\" Gake egblɔ kpee be esi mía viwo ʋu le aƒea mea, \"míeva kpɔe be míegatea ŋu wɔa nuwo ɖekae o.\" Gbe ɖeka nyɔnua gblɔ na srɔ̃a be: \"Míeva zu nuɖiaɖia na mía nɔewo.\"\nMenɔa bɔbɔe na srɔ̃tɔ aɖewo be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu o. Agbalẽ aɖe (Empty Nesting) gblɔ be: \"Le srɔ̃tɔ geɖe gome la, ewɔna na wo be ɖeko yewoɖe srɔ̃ koe nye ema.\" Esi wosena le wo ɖokuiwo me be yewomegaku ɖe yewo nɔewo ŋu o ta la, srɔ̃tɔ geɖewo va wɔa nu le wo ɖokuiwo si, eye wova le abe ame siwo le wo nɔewo gbɔ ko ene.\nDzidzɔnyae nye be, àte ŋu aŋe aɖaba aƒu kuxiawo dzi, eye nàna wò susu nanɔ tɔtrɔ yeye sia ƒe viɖeawo ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe mia ŋu. Na míakpɔe ɖa.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nDze agbagba nàtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Biblia gblɔ le vi tsitsiwo ŋu be: \"Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.\" (1 Mose 2:24) Esi mienye dzilawo ta la, miaƒe dɔe wònye be miahe mia viwo le woƒe ɖevime be nɔnɔme siwo ava ɖe vi na wo ne wotsi la nasu wo si. Ne nyaa le alea, ke ele be mia viwo ƒe ʋuʋu le aƒea me nanye dada na mi.—Biblia ƒe mɔfiame: Marko 10:7.\nNyateƒeae nye be, togbɔ be wodzo hã, mia viwo ko woganye. Fifia miezu ame siwo ŋu woate ɖo na aɖaŋuɖoɖowo ke menye wo dzi kpɔlawo o. Ƒomedodo yeye sia akpe ɖe mia ŋu be mia kple mia viwo dome nanɔ kplikplikpli, eye le ɣeyiɣi ma ke me la srɔ̃wò hã nanɔ vevie na wò wu. *—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 19:6.\nMiƒo nu tso nu siwo ŋu mietsi dzi ɖo ŋu. Gblɔ ale si tɔtrɔ yeye sia le tetem ɖe dziwò la na srɔ̃wò, eye ne srɔ̃wò hã le eƒe seselelãmewo gblɔm la, ɖo toe. Migbɔ dzi ɖi eye mise nu gɔme na mia nɔewo. Ðewohĩ axɔ ɣeyiɣi hafi mía dome naganɔ kplikplikpli abe srɔ̃tɔwo ene, gake esia wɔwɔ aɖe vi.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 13:4.\nMidi nu yeyewo miawɔ ɖekae. Miƒo nu tso nu siwo miadi be yewoawɔ ɖekae alo nu siwo me mietsɔ ɖe le si miadi be yewoava wɔ la ŋu. Esi miehe ɖeviwo va yi ta la, nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su mia si. Ðe manyo be miazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu oa?—Biblia ƒe mɔfiame: Hiob 12:12.\nMigbugbɔ do ŋusẽ mia nɔewo dome kadodoa. Mibu nɔnɔme siwo te mi ƒo ƒu le gɔmedzedzea me la ŋu. Mide ŋugble le nu siwo me míeto va yi kple ale si miewɔ ɖu kuxiwo dzi la ŋu. Esia ana be nɔnɔme yeye sia si me mieva le la naɖe vi na mi. Le nyateƒe me la, fifia si miele nuwo wɔm ɖekae la, miaƒe srɔ̃ɖeɖea anyo ɖe edzi eye ana miagade dzo yeye lɔlɔ̃ gbãtɔ si te mi ƒo ƒui la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2017-august\/ne-%C9%96eviwo-tsi-eye-wo%CA%8Bu\/","date":"2020-07-12T00:38:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657129257.81\/warc\/CC-MAIN-20200711224142-20200712014142-00556.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995772243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995772242546082}","num_words":673,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne míaƒe ame vevi aɖe ku eye míele nu xam la, esia mefia be míexɔ tsitretsitsia dzi se o (1Mo 23:2)\nNe míede ŋugble le tsitretsitsi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu la, ado ŋusẽ mí míaka ɖe tsitretsitsi si ava le etsɔme la dzi\nAme kae nèle mɔ kpɔm be yeawɔ atuu na ne wofɔe ɖe tsi tre?\nAleke nàwɔ nui ne ègakpɔ wò ame vevia ake?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr30-may6\/%C5%8Bus%E1%BA%BD-yesu-si-w%C3%B2af%C9%94-ame-siwo-ku\/","date":"2020-08-15T06:19:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740679.96\/warc\/CC-MAIN-20200815035250-20200815065250-00439.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988341928,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988341927528381}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòsɔ be Yesu yɔ ame siwo dzraa lãwo le Yerusalem gbedoxɔa me be \"adzodalawo\"?\nMATEO ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ be: \"Yesu ge ɖe gbedoxɔa me, eye wònya nudzrala kple nuƒlela siwo le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Eye wògblɔ na wo be: 'Woŋlɔe ɖi be, \"Woayɔ nye aƒe la be gbedoɖaƒe,\" ke miawo mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.'\"—Mat. 21:12, 13.\nYudatɔwo ƒe blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be gbedoxɔ me nudzralawo doa asi gã ɖe nu siwo dzram wonɔ ŋu tsɔ baa nuƒlelawo. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le Yudatɔwo ƒe agbalẽ si nye Mishnah (Keritot 1:7) me be, ɣeaɖeɣi le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli la, ahɔnɛ eve siwo woatsɔ asa vɔe la ƒe home de dzi va ɖo sika denar ɖeka. Ga ma sɔ kple dɔwɔfetu si apaɖila axɔ ɖe ŋkeke 25 ƒe dɔ ta. Ahɔnɛ alo akpakpa nye lã si nu se ɖe mɔ ɖo be ame dahewo natsɔ asa vɔe; ke hã, xe siawo gɔ̃ hã ƒe asi va de dzi bobobo ale gbegbe be ame dahewo megatea ŋu ƒlea wo o. (3 Mose 1:14; 5:7; 12:6-8) Esia do dziku na Rabbi Simeon ben Gamaliel vevie, eye wòna wodzudzɔ vɔsa siwo se bia tso Yudatɔwo si la dometɔ aɖewo, si wɔe be ahɔnɛ eve ƒe home ɖiɖi enumake ale gbegbe be woate ŋu atsɔ gaƒoƒo etɔ̃ ƒe dɔwɔfetu aƒle wo.\nEdze kɔtɛ be Yesu tɔ dzɔ be wòyɔ gbedoxɔa me nudzralawo be \"adzodalawo\" le woƒe ametafatafa kple ŋukeklẽ ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2017\/asitsalawo-yerusalem-gbedox%C9%94\/","date":"2020-08-04T03:33:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735851.15\/warc\/CC-MAIN-20200804014340-20200804044340-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987416863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987416863441467}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AƑENƆ Soo-jeong, si nye sekɛndrisuku (lycée) aɖe ƒe aɖaŋuɖola le South Korea zãa video siwo le jw.org nyatakakadiƒea tsɔ fiaa nu eƒe sukuviwo. Egblɔ be: \"Sukuviawo kpɔ dzidzɔ ɖe video si nye Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Vavã? ŋu ale gbegbe! Esi wokpɔ videoa vɔ la, wo dometɔ ɖe sia ɖe gblɔ be, 'Nyemebu xɔlɔ̃dzedze ŋu alea kpɔ o! Nu yeye kurae wònye!' Wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewoayi nyatakakadiƒe sia ɣesiaɣi si yewohiã aɖaŋuɖoɖo.\" Aƒenɔ Soo-jeong gblɔ kpee be: \"Mekafu videoa na ame geɖe siwo nye aɖaŋuɖolawo abe nye ke ene eye dzi dzɔ wo be dɔwɔnu nyui sia li yewoate ŋu azã atsɔ afia nu yewoƒe sukuviwo.\"\nVideo bubu si kpe ɖe sukuvi geɖe siwo le South Korea ŋue nye nutata ƒe video si nye Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae. Nufiala aɖe si fiaa nu le dɔwɔƒe si kpɔa ɖeviwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo kple wo nu léle ƒe nyawo gbɔ ɖee fia sukuvi aɖewo. Nufialaa gblɔ be, \"ale si wotrɔ asi le videoa me nutatawo ŋu wonya kpɔ la wɔ dɔ ɖe sɔhɛ geɖe dzi. Azɔ hã, videoa nyo elabena menye mɔ siwo nu woato anɔ te ɖe ŋutasesẽ nu koe wòfia o, efia mɔ siwo dzi woato aƒo asa nɛ hã.\" Dɔwɔƒea bia be woaɖe mɔ na yewo yewoazã videoa atsɔ afia nu le gɔmedzesukuwo kple titinasukuwo me. Eye woɖe mɔ na wo. Kpovitɔwo gɔ̃ hã le video siwo le jw.org la zãm.\nNe mèyi míaƒe nyatakakadiƒea haɖe o la, ke anyo be nàyi. Nyatakakadiƒea ʋuʋu le bɔbɔe, eye àte ŋu awɔ odio kple video, Biblia kple agbalẽwo ƒe kɔpiwo femaxee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2016-october\/jw-org-videowo-kpe-sukuwo-%C5%8Bu\/","date":"2020-08-03T23:39:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735836.89\/warc\/CC-MAIN-20200803224907-20200804014907-00037.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997599721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997599720954895}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Hana Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ne nàsrɔ̃ nu tso Hana, si nye nyagblɔɖila Samuel dada, la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Gideon Eɖɔ ŋu ɖo vevie gbã, gake eva zu kalẽtɔ. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Hana BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502016152\/univ\/art\/502016152_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/hana\/","date":"2020-08-07T14:38:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737204.32\/warc\/CC-MAIN-20200807143225-20200807173225-00235.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985209107,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985209107398987}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.137,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukunuwo—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe?\nNUŊƆŊLƆ aɖe si woklã ɖe ʋu aɖe ŋu be, \"Nukunuwo Dzɔna—Wò Ya Bia Mawudɔlawo Ko\" la he ŋutsua ƒe susu. Togbɔ be mawusubɔsubɔ dzɔa dzi nɛ hã la, meka ɖe nusi nuŋɔŋlɔa fia dzi o. Ðe wòle fiafiam be ʋukulaa xɔ nukunuwo dzi sea? Alo ɖe wòanye be alɔmeɖenya aɖe boŋue wònye wòŋlɔ tsɔ fia be yemexɔ nukunuwo kple mawudɔlawo siaa dzi se oa?\nÐewohĩ àlɔ̃ ɖe nya si Germanytɔ agbalẽŋlɔla Manfred Barthel gblɔ la dzi, be: \"Nya nukunu maa nuxlẽlawo me enumake ɖe hatsotso eve siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu me.\" Amesiwo xɔ nukunuwo dzi se la ka ɖe edzi vevie be wodzɔna eye ɖewohĩ be wodzɔna edziedzi. * Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le ƒe ʋɛ siwo va yi nyitsɔ laa me la, Greece xɔsetɔ geɖe gblɔ be nukunu ɖeka dzɔna ɣleti sia ɣleti kloe. Esia na Greece Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe bisiɔp aɖe xlɔ̃ nu be: \"Xɔsetɔwo va le Mawu, Maria, kple ame kɔkɔewo bum abe amegbetɔwoe wonye ene. Mele be xɔsetɔwo naɖe ami ɖe nya siawo nenema gbegbe o.\"\nLe dukɔ bubu aɖewo me la, ame ʋɛ aɖewo koe xɔnɛ sena be nukunuwo dzɔna. Numekuku aɖe si Allensbach Numekuƒe wɔ si wota le Germany le ƒe 2002 me ɖee fia be dukɔ ma me tɔ 71 le alafa me tsɔna nukunuwo be wonye nyakpakpa siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o. Ne woma dukɔ ma me tɔwo ɖe akpa etɔ̃ la, amesiwo xɔe se be nukunuwo dzɔna la mede akpa ɖeka o, eye nyɔnu etɔ̃ aɖewo le amesiawo dome siwo gblɔ be yewoxɔ gbedasi aɖe tso Ðetugbi Leaƒe Maria gbɔ. Ɣleti ʋɛ aɖewo le esi wobe Maria dze na yewo—eye mawudɔlawo kple ahɔ̃ne aɖe kplɔe ɖo—megbe la, Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Westfalenpost ka nya ta be: \"Vaseɖe fifia la, kɔkɔeƒedela 50,000 aɖewo, amesiwo le dɔdada dim, kpakple amesiwo dina be yewoanya nusianu tsitotsito la tsɔa ɖe le ŋutega siwo nyɔnuawo kpɔ me vevie.\" Ame 10,000 bubu di be yewoalɔ ayi kɔƒe si me wokpɔ ŋutegaa le be yewo hã yewoakpɔ ɖe. Wogblɔ be Ðetugbi Leaƒe Maria dze le France ƒe du si nye Lourdes me le ƒe 1858 me, kple le Portugal ƒe du si nye Fátima me le ƒe 1917 me.\nKe Subɔsubɔha Siwo Mexɔ Kristo Dzi Se O Ya Ðe?\nSubɔsubɔhawo katã kloe me tɔ aɖewo xɔ nukunuwo dzi se. The Encyclopedia of Religion ɖe nu me be nukpɔsusu vovovowoe nɔ amesiwo ɖo Buddhatɔnyenye, Kristotɔnyenye, kple Islam-subɔsubɔha la si le nukunuwo ŋu, gake egblɔ be: \"Subɔsubɔha siawo ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi kɔte be nukunuwo kple nukunuwo ŋuti ŋutinyawo nye ameƒomea ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti dzixɔsewo ƒe akpa aɖe.\" Numekugbalẽ sia gblɔ be \"Buddha ŋutɔ wɔ nukunuwo ɣeaɖewoɣi.\" Emegbe esime \"Buddha-subɔsubɔha va ɖo China la, eƒe dɔgbedelawo wɔ nukunu geɖewo le afima.\"\nEsi numekugbalẽ ma ƒo nu tso nukunu geɖe siawo siwo wobe wowɔ ŋu vɔ la, eƒo nya ta be: \"Menye amesiamee axɔ nukunu wɔwɔ ŋuti nya siawo siwo mawusubɔla agbemeŋutinyaŋlɔlawo gblɔ dzi se ya o, gake ɖe wogblɔ wo kple susu nyui be woatsɔ akafu Buddha, amesi te ŋu tsɔ nukunuwo wɔwɔ ƒe ŋusẽ na eyomedzela dovevienuwo.\" Numekugbalẽ ma ke gblɔ tso Islam-subɔsubɔha ŋu be: \"Islam-subɔsubɔha me tɔ akpa gãtɔ medzudzɔ mɔkpɔkpɔ na nukunuwo gbeɖe o. Xotutuwo (hadīths) gblɔ tso Muhammad ŋu be ewɔ nukunuwo le dutoƒo zi geɖe. . . . Woxɔe se be le ame kɔkɔewo ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, wonɔa woƒe yɔdowo me yia edzi wɔa nukunuwo na nuteƒewɔlawo, eye mawusubɔlawo biana le gbedodoɖa me be woakpe ɖe yewo ŋu.\"\nKe Nukunu Siwo Dzɔna le Kristotɔwo Gome Ya Ðe?\nAmesiwo be yewonye Kristotɔwo la dometɔ geɖe ƒe susu ma le nya sia ŋu. Ame aɖewo xɔe se be nuŋlɔɖi siwo le Biblia me tso nukunu siwo Yesu Kristo alo Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia wɔ ŋu la nye nu ŋutɔŋutɔwo. Gake ame geɖe wɔ ɖeka kple Protestant Ðɔɖɔɖowɔla Martin Luther. The Encyclopedia of Religion gblɔ tso eŋu be: \"Luther kple Calvin siaa ƒe nuŋlɔɖiwo fia be nukunuwo ƒe ɣeyiɣia nu va yi eye be mele be woanɔ mɔ kpɔm be woagadzɔ ake o.\" Numekugbalẽ sia gblɔ be Katolikoha la xɔ nukunuwo dzi se, \"gake medina be yeaɖe alesi wodzɔnae me o.\" Ke hã, \"Protestanttɔ agbalẽnyalagãwo va xɔe se be agbenyuinɔnɔ me nya koŋue Kristotɔnyenye nye, eye be Mawu loo alo gbɔgbɔwo mewɔ nu kple amegbetɔwo alo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi le mɔ boo aɖeke nu o.\"\nAme bubu siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, siwo dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔhakplɔlawo, kea ɖi be nukunu siwo ŋu nya wogblɔ ɖe Biblia me la medzɔ ŋutɔŋutɔ o. Le kpɔɖeŋu me, bu nuŋlɔɖi si ku ɖe ave bidzo la ŋu si dze le Biblia me le Mose II, 3:1-5 ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye What the Bible Really Says (Nusi Tututu Biblia Gblɔ) ɖe nu me be Germanytɔ mawunyaŋununyala geɖe mebua nukunu ŋuti nuŋlɔɖi sia be enye nu ŋutɔŋutɔ o. Wogblɔna boŋ be enye \"kpɔɖeŋu na nu gbegblẽ siwo Mose wɔ ƒe veve si sem wònɔ le eɖokui me kple alesi nu te ɖe eƒe dzitsinya dzii.\" Agbalẽa gblɔ kpee be: \"Woate ŋu akpɔ dzo la be enye seƒoƒo siwo ke enumake le esi Mawu ƒe teƒe ma nɔnɔ na ɣe klẽ ta.\"\nÐewohĩ numeɖeɖe siawo mesɔ na wò o. Ekema nuka dzie wòle be nàxɔ ase? Ðe susu le eme be míaxɔe ase be nukunuwo dzɔ ŋutɔŋutɔ kpɔa? Ke nukunu siwo ƒe nya wogblɔna egbea ya ɖe? Esi míate ŋu abia mawudɔlawo o ɖe, ke amekae míabia?\nBiblia ƒe Nukpɔsusu\nAme aɖeke mate ŋu agbe o be Biblia gblɔ be tsã la, Mawu wɔ nusiwo amegbetɔwo mate ŋu awɔ o ɣeaɖewoɣi. Míexlẽ tso eyama ŋu be: 'Ètsɔ dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi.' (Yeremya 32:21) Wò ya bu eŋu kpɔ ko, be wotsɔ fukpekpe ewo siwo tso Mawu gbɔ, siwo dometɔ ɖekae nye ŋgɔgbeviwo wuwu, ɖi gbɔ dukɔ sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi. Nukunuwoe nu mawo nye vavã!—Mose II, ta 7 vaseɖe 14.\nLe ƒe alafa geɖe megbe la, Nyanyuiŋlɔla eneawo ƒo nu tso nukunu 35 aɖewo siwo Yesu wɔ ŋu. Le nyateƒe me la, nya siwo wogblɔ ɖee fia be ewɔ nukunu geɖe wu esiwo ƒe nya wogblɔ gɔ̃ hã. Nu ŋutɔŋutɔe nyatakaka siawo nyea alo nyakpakpawoe? *—Mateo 9:35; Luka 9:11.\nNe nusi Biblia gblɔ be yenye—Mawu ƒe Nya alo nyateƒe—lae wònye ŋutɔŋutɔ la, ekema eme kɔ be nàxɔ nukunu siwo ŋu wòƒo nu tsoe la dzi ase. Biblia gblɔe eme kɔ kɔte be nukunuwo dzɔ le blema—woda dɔ na amewo, wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre nukutɔe, kple esiawo tɔgbe���gake egaɖe eme nyuie be nukunu mawo megadzɔna egbea o. (Kpɔ aɖaka si nye \"Nusitae Nukunuwo Megadzɔna abe Tsã ene O,\" le axa 4.) Ekema ɖe wòfia be amesiwo xɔe se be Biblia me nyawo nye nya ŋutɔŋutɔwo gɔ̃ hã mexɔa nukunu siwo wowɔna egbea dzi sena oa? Mina nyati si gbɔna naɖo eŋu.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Gɔmesese si le nya \"nukunuwo\" ŋu le nyati sia mee nye esi dze le Biblia me nyawo gɔmeɖegbalẽ aɖe me be: \"Nusiwo dzɔna le amegbetɔwo dome siwo ƒe ŋusẽ ƒo amegbetɔ alo dzɔdzɔmetɔ siwo wonya la ta sã, eye le esia ta wogblɔna be wotso ŋusẽ aɖe si kɔ wu amegbetɔwo gbɔ.\"\n^ mm. 14 Àte ŋu adzro kpeɖodzi siwo li be míate ŋu axɔ Biblia dzi ase la me. Woɖe esia me le agbalẽ si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame si Yehowa Ðasefowo ta me.\n[Aɖaka si le axa 4]\nNUSITAE NUKUNUWO MEGADZƆNA ABE TSà ENE O\nBiblia ƒo nu tso nukunu ƒomevi vovovowo ŋu. (Mose II, 7:19-21; Fiawo I, 17:1-7; 18:22-38; Fiawo II, 5:1-14; Mateo 8:24-27; Luka 17:11-19; Yohanes 2:1-11; 9:1-7) Nukunu siawo dometɔ geɖe na wode dzesi Yesu be eyae nye Mesia la, eye woɖo kpe edzi be Mawu le megbe nɛ. Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔ nukunuwo, wo dometɔ aɖewoe nye aɖe yeyewo dodo kple nya siwo tso gbɔgbɔ me gɔme sese. (Dɔwɔwɔwo 2:5-12; Korintotɔwo I, 12:28-31) Nukunu siawo ɖe vi na Kristo-hamea le eɖoɖo megbe teti. Alekee?\nNya lae nye be Ŋɔŋlɔawo menɔ ame geɖe si o. Zi geɖe la, kesinɔtɔwo si koe agbalẽxatsaxatsawo alo agbalẽ siwo li ɣemaɣi la nɔ. Trɔ̃subɔlawo ya menya naneke kura tso Biblia alo Eŋlɔla, Yehowa, ŋu o. Nue wotsɔna gblɔa Kristotɔwo ƒe nufiafiawo na amewo. Nukunuawo ɖe vi elabena woɖee fia be Mawue le megbe na Kristo-hamea.\nGake Paulo ɖe eme be nukunu siawo nu ava yi ne womegahiã o. \"Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa. Elabena míenyaa nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã. Ke ne nu blibo la va va la, ekem woaɖe nusiwo nye afãafãwo la ɖa.\"—Korintotɔwo I, 13:8-10.\nBiblia kpakple nyadigbalẽwo kple numekugbalẽwo va le amewo si egbea. Kristotɔ siwo wu miliɔn ade siwo wona hehee la le kpekpem ɖe amewo ŋu Mawu ŋuti sidzedze si le Biblia me la le wo si sum. Eyata nukunuwo megahiã hafi woaɖo kpe edzi be Yesu Kristoe nye Ðela si Mawu ɖo alo hafi woaɖee afia be Yehowa le megbe na esubɔlawo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050215\/Nukunuwo-Nu-%C5%8Aut%C9%94%C5%8But%C9%94e-Wonyea-alo-Nyakpakpawoe\/","date":"2020-08-10T21:45:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738699.68\/warc\/CC-MAIN-20200810205824-20200810235824-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989922643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989922642707825}","num_words":1488,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dukɔme lamesẽ nyawo dɔdzikpɔƒea wɔ ŋkeke etɔ̃ tsaɖiɖi tɔxɛe aɖe le Amuga nutoame hena ŋkulele ɖe nutoame ƒe lamese menɔnyawo ŋuti. Tsaɖiɖi sia nye ɖoɖo tɔxɛ aɖe si lamesẽnyawo dɔdzikpɔƒea de tome le dukɔme godoa ƒe akpaɖe. Dɔdzikpɔlawo wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ se nya aɖewo me tso dɔnɔwo kple dɔnɔdzikpɔlawo sia gbɔ. Kɔsiɖa ƒe dziŋu atɔ̃a ƒe ŋkeke\nwuietɔ̃a gbee ɖoɖoawo dze egɔme kaka ɖo Blaɖa, ƒe dziŋu atɔ̃a ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe.\nGbãa, Lamesenyawo dɔdzikpɔla siwo Ɖɔkta Yao Yeboah, amesi nye woƒe nunɔla nɔ ŋgɔ̃ naa, wodogo Amuganutome Lamesenyawo dɔdzikpɔlawo hafi dze woƒe tsaɖiɖiwo gɔme.Amuga nutome lamesenyawo dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ Ɖɔkta Ofori Yeboah, amesi kpɔa dumeviwo ƒe lamesemenɔnyawo dzia, kpe ɖe Ɖɔkta Yao Yeboah ŋuti wonɔ ŋgɔ na wɔna bliboa.\nDɔdaƒe aɖe siwo tdaɖiɖia lɔ ɖe mea woe nye: Hohoe, Alavanyo Dzogbedze, Dzolo Gbɔgame dɔdaƒewo kpakple Amuga nutome dɔdaƒega. Kuxi aɖe siwo wotɔ asie na dɔdzikpɔlawoe nye: dɔnɔdzikpɔlawo ƒe agbɔmasɔmasɔ,mɔ aɖewo ƒe manyomanyo, dɔwɔnu veviẽ aɖewo makpɔmakpɔ kple bubuawo.\nƉɔkta Yao Yeboah ɖeme be yewoa adze agbagba hena asitɔtrɔ le kuxiawo ŋuti kaba. Eyidzi hekafu Amuga nutome lamesenyawo dɔdzikɔlawo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta togbɔbe nukpekeame mawo ɖeto ɖe hã.\nKehã, eƒo koko na dɔnɔdzikɔlawo le nutoame be woana kadodo nyuie nanɔ woawo kple kɔdzidelawo domii ɣesiaɣi . Amuga nutoamee kpe nutome etɔ̃lia sime tsaɖiɖi sia fomevi eyidzi le.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/17\/duk%C9%94me-lamese%CC%83nyawo-d%C9%94dzikp%C9%94%C6%92ea-w%C9%94-tsa%C9%96i%C9%96i-t%C9%94x%C9%9B-a%C9%96e-le-amuga-nutoame\/","date":"2020-09-21T06:55:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198942.13\/warc\/CC-MAIN-20200921050331-20200921080331-00430.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986408353,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986408352851868}","num_words":221,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.173,"stopwords_ratio":0.145,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. Kora viwo+ ƒe ha. Maskil.* 44 Oo Mawu, míesee kple míaƒe to,Mía tɔgbuiwo gblɔe na mí,+Wogblɔ nu siwo nèwɔ le wo ŋɔli,Le blemaŋkekewo me la na mí. 2 Ètsɔ wò asi nya dukɔwo ɖa+Eye nètsɔ mía tɔgbuiwo ɖo wo teƒe.+ Èfanya dukɔwo eye nènya wo ɖa.+ 3 Menye woawo ŋutɔwo ƒe yie wotsɔ xɔ anyigba la o,+Eye menye woawo ŋutɔwo ƒe alɔe xɔ na wo o.+ Ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ+ kpakple wò mo ƒe kekeli ye,Elabena woƒe nu nyo ŋuwò.+ 4 Oo Mawu, wòe nye nye Fia;+Ðe gbe ne dziɖuɖu* nava na Yakob. 5 Wò ŋusẽ mee míanya míaƒe ketɔwo aɖo ɖe megbe le;+Wò ŋkɔ mee míafanya ame siwo tso ɖe mía ŋu la le.+ 6 Elabena menye nye dati ŋue mele ŋu ɖom ɖo o,Eye nye yi mate ŋu axɔ nam o.+ 7 Wòe ɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me,+Wòe na ŋukpe lé ame siwo ɖia gbɔ mí la. 8 Mawue míakafu ŋkeke blibo la,Eye miakafu wò ŋkɔ tegbee. (Sela) 9 Ke fifia ya ètsɔ mí ƒu gbe, ède ŋukpe mo na mí,Eye mèho yi kple míaƒe aʋakɔwo o. 10 Èna míesi le míaƒe futɔwo nu;+Eye míaƒe ketɔwo ha mí ale si wodi. 11 Ètsɔ mí de asi abe alẽwo ene ne woavuvu;Eye nèka mí hlẽ ɖe dukɔwo dome.+ 12 Ètsɔ wò dukɔ dzra ho kpɔtsɔe;+Eye mèkpɔ viɖe aɖeke le wo dzadzra me o. 13 Ètsɔ mí wɔ vlodonu na mía haviwo,Alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã mí. 14 Ètsɔ mí wɔ vlodonu* le dukɔwo dome,+Eye dukɔwo ʋuʋua ta ne wokpɔ mí. 15 Ŋu kpeam ŋkeke bliboa katã,Eye nye ŋukpe nyè tsyɔm, 16 Le woƒe alɔmeɖeɖe kple dzugbe siwo sem mele la ta,Le míaƒe futɔ la ƒe hlɔ̃biabia ta. 17 Nu siawo katãe dzɔ ɖe mía dzi, ke míeŋlɔ wò be o,Eye míetu wò nubabla la o.+ 18 Míaƒe dzi metrɔ le yowòme o;Eye míaƒe afɔwo metra le wò mɔ dzi o. 19 Ke èto mí nyanyanya le agbotoewo nɔƒe;Eye nètsɔ blukɔ tsyɔ mía dzi. 20 Ne ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ beAlo míeke míaƒe asiwo me na mawu tutɔ la, 21 Ðe Mawu manya esia oa? Elabena enya dzimenu ɣaɣlawo.+ 22 Tawòe wole mía wuwu dzi ŋkeke bliboa katã;Wobu mí abe alẽ siwo woyina wuwu ge ene.+ 23 Tso. Oo Yehowa, nu ka tae nèle alɔ̃ dɔm?+ Nyɔ! Mègatsɔ mí ƒu gbe tegbee o.+ 24 Nu ka tae nèɣla wò mo? Nu ka tae nèŋlɔ míaƒe fukpekpe kple míaƒe teteɖeanyi la be? 25 Elabena wobɔbɔ mí* ɖe anyi va se ɖe ke me ke;Womimi mí te ɖe anyigba.+ 26 Tso nàkpe ɖe mía ŋu!+ Xɔ na mí, le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"xɔname.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"lodonu.\"\n^ Alo, \"wobɔbɔ míaƒe luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/44\/","date":"2020-09-23T16:35:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400211096.40\/warc\/CC-MAIN-20200923144247-20200923174247-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982021451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982021450996399}","num_words":433,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.155,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMEHA gbogbo aɖewo le azã aɖe si woɖuna tsɔ kafua gbɔgbɔwo la ɖum le Asia dukɔ aɖe me. Wova ɖo azãa ƒe akpa vevi aɖe esime wotia nyɔnu eve be woakpɔ gome le gbɔgbɔdzeamedzi nuwɔna aɖe me. Woƒe ŋkuwo tro le ŋkutome na wo, eye woƒe ameti bliboa te ƒoƒo kpakpakpa abe elektrikŋusẽe le wo ƒom ene.\nLe Puerto Rico la, gbɔgbɔyɔla (santero) aɖe le kɔnu wɔm le gbɔgbɔyɔtakpekpe aɖe me be yeaƒo nu kple gbɔgbɔ aɖe si woyɔna be Changó, si nye dziɖegbe ƒe mawu. Gbɔgbɔyɔlaa le nu siwo kpɔm wòle le vivime la ɖɔm, eye ame siwo katã va ƒo ƒu ɖe xɔa me la te ƒoƒo abe ɖee gbɔgbɔ dze wo dzi ene.\nGbɔgbɔyɔyɔ alo vivimenuwɔwɔ bɔ ɖe dukɔ geɖe me. Amewo va le vivi dom ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ triakɔwo dzi xɔxɔ se ŋu, eye ame geɖewo va le didim be yewoanya nu geɖe tso wo ŋu. Agbalẽwo, kɔmpiutadzifefewo, television dzi wɔnawo, kple sinema siwo me woɖea gbɔgbɔ vɔ̃wo, adzewɔwɔ, kple nukunuwo fiana le va bɔ ɖe xexea me wu tsã.\nGake Biblia ya fia nu be gomekpɔkpɔ le vivimenuwɔnawo me nye gbɔgbɔyɔyɔ koŋ. Gbɔgbɔyɔyɔ menye fefenu alo dzidzɔdonamenu aɖe si me afɔku mele o. Menye kadodo kple nane si womenya o dzro koe o. Ke boŋ enye kadodo kple gbɔgb�� vɔ̃wo, siwo nye mawudɔla vɔ̃ɖi siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.\nLe nyateƒe me la, ale si mɔ̃gbɔɖonu le na adelae la, nenemae gbɔgbɔyɔyɔ le na gbɔgbɔ vɔ̃woe. Adela zãa mɔ̃gbɔɖonu ƒomevi vovovowo tsɔ léa lã ƒomevi vovovowo. Nenema kee gbɔgbɔ vɔ̃wo hã zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnu vovovowo tsɔ blea ame ƒomevi vovovowo nu hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Woƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe tatɔ ŋu be enye \"xexe [vɔ̃ɖi] sia me mawu.\" Ekpɔ dzidzedze le ŋkugbagbã na dzimaxɔsetɔwo me bene woagakpɔ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me kpakple eƒe tameɖoɖo adze sii o.—2 Korintotɔwo 4:4.\nAfi Si Gbɔgbɔyɔyɔ Kplɔa Ame Yinae\nTaɖodzinu si koŋ le gbɔgbɔ vɔ̃wo sie nye esi: Wodi be yewoable mí ahahe míaƒe susu ɖa le mía Wɔla ŋu be ƒomedodo nyui naganɔ mía kplii dome o. Wokpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woaɖoe koŋ ada Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi alo ada wo dzi le manyamanya me. Eya ta gbɔgbɔyɔyɔ nana Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o, mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame, eye wòkplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me mlɔeba.—Nyaɖeɖefia 21:8.\nLuis, si tso Puerto Rico la, gblɔ be: \"Tso nye ɖevime ke la, míaƒe ƒomea kpɔa gome le gbɔgbɔyɔyɔ me. Enye míaƒe ƒomea ƒe subɔsubɔ kple mɔ si nu míenɔa agbe ɖo ƒe akpa aɖe. Mexɔ se be dzɔdzɔmenue nye etsɔmenyanya kple afakagbalẽviwo xexlẽ ƒe ŋutetea nye. Zi geɖe la, metea ŋu kpena ɖe amewo ŋu woɖua loto. Gake meva kpɔe be mɔxenu boŋ ye ŋutete siawo si mesusu be wonye dzɔdzɔmenunana la nye nam bene magake ɖe sidzedze si le Biblia me la ŋu ale be ƒomedodo nava nɔ mía kple Mawu dome o.\"—Yohanes 17:3.\nAme geɖewo ate ŋu asusu be afɔku aɖeke mele kadodo kple gbɔgbɔwo me o, eye woasusu gɔ̃ hã be eɖea vi na ame. Ðewohĩ woagblɔ be gbɔgbɔ aɖewo nyoa dɔme na ame, alo woagblɔ kakaɖedzitɔe be gbɔgbɔyɔyɔ nana ame nyaa nu geɖewo, zua kesinɔtɔ, alo kpɔa dzidzɔ. Alakpa sɔŋue nya siawo nye. Luis gblɔ be: \"Egblẽa nu le ame ŋu godoo.\"\nÐekakpui aɖe si ŋkɔe nye Chad la va te ɖeɖefia dziŋɔwo kpɔkpɔ eye wòkpea fu le esi mete ŋu dɔa alɔ̃ o ta. Egblɔ be: \"Gbɔgbɔwo va te fuɖeɖe nam hewɔa fum zã sia zã.\" Nu kae míawɔ be woakpɔ mía ta tso fuɖename siawo tɔgbi me?\nAle Si Míawɔ Akpɔ Ametakpɔkpɔ\nBe míakpɔ mía ɖokuiwo ta la, ele be míaƒo asa na nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la keŋkeŋ. (Galatiatɔwo 5:19-21) Esia tae Yehowa Mawu xlɔ̃ nu esubɔlawo be: 'Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Ame sia ame, si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.'—5 Mose 18:10-12.\nLe ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, ame geɖewo ɖe afɔ siwo na wokpɔ wo ɖokuiwo ta, esi wogblẽ agbalẽ alo nu bubu ɖe sia ɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome. Ken si va ɖe asi le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la gblɔ be: \"Metsa nye nuwo me ƒitsoƒitso ɖe nu siwo katã mekpɔ be womenyo o la do go hegblẽ wo dome.\"—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 19:19, 20.\nAmetakpɔnu gãtɔe nye ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu vavã, Yehowa. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo si dze le Yakobo 4:7, 8 ɖa: \"Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nu vɔ̃ wɔlawo, eye mikɔ miaƒe dziwo ŋu, mi dzimevesusulawo.\"\nYehowa Mawu fiaa nu ame siwo tena ɖe eyama ŋu eye wòkpɔa wo ta. 'Satana ƒe nugbeɖoɖowo' mele manyamanya na wo o, eye gotagomenuwo meflua wo o. (2 Korintotɔwo 2:11; 11:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ŋusẽkatãtɔe Yehowa nye. Yehowa akpɔ ame ɖe sia ɖe si ayɔe le xɔse me la ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fuɖename me. Chad si ŋu míeƒo nu tso le etame la gblɔ be: \"Esi menya be gbɔgbɔ vɔ̃woe nɔ fua ɖem nam eye meyɔa Yehowa Mawu be wòakpɔ tanye ta la, wova dzudzɔ fuɖeɖe nam.\"—Psalmo 91:1, 2.\nEme kɔ ƒãa be, Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi na ame siwo si dzi nyui le la fifia, eye woate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm le nyanya be eteƒe madidi o woatsrɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame siwo katã ɖe mɔ wokpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la ɖa ta. Wò ya bu dzidzɔ kple dzidzeme si wòanye na ameƒomea ne woɖe nu siwo gbɔgbɔyɔyɔ gblẽna le ame ŋu la ɖa le anyigba dzi ŋu kpɔ!—Yesaya 11:9; Nyaɖeɖefia 22:15.—g08 07-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200807\/nu-si-ta-n%C3%A0%C6%92o-asa-gb%C9%94gb%C9%94y%C9%94y%C9%94\/","date":"2020-12-05T23:20:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141750841.83\/warc\/CC-MAIN-20201205211729-20201206001729-00157.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975261688,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975261688232422}","num_words":943,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èxɔ Mawu Vavã la Dzi Sea?\nAmesiwo Amerika Blemanuwo Kple Dzɔdzɔmenuwo Dzraɖoƒe dɔ be woayi aɖasrɔ̃ nu tso Arctic-nyigba si ŋu anyigbayeyedila Robert E. Peary gblɔ le be yeke ɖo anɔ ƒe adre do ŋgɔ, le ƒe 1906 me la, dze woƒe mɔzɔzɔa egɔme.\nPEARY nɔ Cape Colgate si le Dziehe Amerika ƒe dzieheɣetoɖoƒe ʋĩ eye wòkpɔ nusi dze abe anyigba aɖe si le didiƒe la ƒe towo tame si fu ɣi ene. Ena ŋkɔe be Crocker-nyigba, si nye amesiwo da megbe nɛ le ganyawo gome dometɔ ɖeka ƒe ŋkɔ. Aleke gbegbe amedɔdɔ siwo kplɔe ɖo la gli kple dzidzɔ esi wokpɔ togbɛwo, baliwo, kple to siwo tame sno yɔ fũ le adzɔge ʋĩ enye esi! Gake eteƒe medidi o, wova de dzesii be nusi kpɔm yewole la nye Arctic ƒe bleziblezi dzro aɖe ko. Nukpɔkpɔ sia si tso yame ƒe nɔnɔmea gbɔ la flu Peary, eye fifia wogblẽ ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo tsɔ le nusi menye nu ŋutɔŋutɔ o la dim.\nEgbea la, ame geɖe tsɔa wo ɖokui kple ɣeyiɣi kea mawu siwo woxɔ se be wonye nu ŋutɔŋutɔwo. Amewo subɔna mawu siwo nye Yupiter kple Merkurio le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkekeawo me. (Dɔwɔwɔwo 14:11, 12) Egbea la, mawu siwo Shinto, Hindu, kple xexeame ƒe subɔsubɔha bubuwo me nɔlawo subɔna la ade miliɔn nanewo. Nyateƒee, abe alesi Biblia gblɔ ene la, 'mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li.' (Korintotɔwo I, 8:5, 6) Ðe nusiawo katã ate ŋu anye mawu vavãwoa?\nMawu Siwo 'Mate Ŋu Aɖe Ame O'\nLe kpɔɖeŋu me, de ŋugble le legbawo alo dzesiwo zazã le tadedeagu me ŋu kpɔ. Le amesiwo xɔa legbawo dzi sena alo doa gbe ɖa toa wo dzi gome la, wole na wo abe ɖela siwo ƒe ŋusẽ triakɔ wu amegbetɔ tɔ, siwo ate ŋu aɖo eteƒe na amewo alo aɖe wo tso afɔku me ene. Gake nyateƒee wònye be woate ŋu aɖe amea? Hakpala la dzi ha le nusiawo ŋu be: \"Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; eye gbɔgbɔa ɖeke hã mele woƒe nu me o.\" Nyateƒee, wonye mawu siwo 'mate ŋu aɖe ame o.'—Psalmo 135:15-17; Yesaya 45:20.\nEle eme baa be amesiwo wɔa legbawo ate ŋu agblɔ be agbe kple ŋusẽ le yewoƒe asinudɔwɔwɔwo si. Eye amesiwo dea ta agu na legbawo ɖoa dzi ɖe wo ŋu. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ le legbawo ŋu be: \"Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe.\" Egagblɔ kpee be: \"Etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne ame aɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.\" (Yesaya 46:7) Nyateƒeae nye be agbe mele legba me o, eɖanye aleke ke amesiwo xɔa wo dzi sena doa vevie nu o. Nukpakpɛ kple kpememe mawo katã nye 'mawu dzodzrowo.'—Xabakuk 2:18.\nModzakaɖela kple kamedefefewɔla xɔŋkɔwo, dunyahenuɖoanyiwo, kple subɔsubɔhakplɔla aɖewo tsɔtsɔ wɔ mawui, bubudede wo ŋu fũ, alo tadedeagu na wo gɔ̃ hã bɔ egbea. Gawu la, ga nye mawu na ame geɖe. Le wo dometɔ ɖesiaɖe gome la, wowɔa legba siawo wodzena nusiwo womenye ŋutɔŋutɔ o. Womewɔa naneke na amesiwo xɔa wo dzi sena heɖoa ŋu ɖe wo ŋu o eye womate ŋu awɔ naneke na wo. Le kpɔɖeŋu me, kesinɔnu ate ŋu adze abe kuxi geɖewo gbɔ kpɔnu ene, gake kesinɔnuwo ƒe ŋusẽ nye beble. (Marko 4:19) Numekula aɖe bia be: \"Aleke míaɖe nyateƒenya si wònye be ame geɖe ŋutɔwo le nane dim, eye woxɔe se be akpɔ nusianu gbɔ na yewo, gake ne woƒe asi su edzi la, wòhea mɔkpɔkpɔbuɖeame kple nuveviwɔame vovovowo vɛ, la mee?\" Ẽ, kesinɔnuwo didi ana be ame natsɔ nusiwo ŋu viɖe xɔasi le la asa vɔe, abe lãmesẽ nyui me nɔnɔ, ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le, xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, alo ƒomedodo xɔasi me nɔnɔ kple Wɔla la ene. Ðeko eƒe mawua va zua \"yakanu dzodzrowo.\"—Yona 2:9.\n\"Ame Aɖeke Metɔ O\"\nEnye bometsitsi be woayɔ nusi menye nu vavã o la be nu vavã. Amesiwo dea ta agu na Baal le nyagblɔɖila Eliya ŋɔli srɔ̃ nusia to nuteƒekpɔkpɔ sesẽ aɖe me. Woxɔe se vevie be ŋusẽ le Baal si be wòana dzo nage tso dziƒo ava fiã vɔsalã la. Le nyateƒe me, \"woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mí!\" Ðe to si sea nu kple nu si ƒoa nu le Baal sia? Nuŋlɔɖia yi edzi be: \"Gbea ɖeke meɖi o, ame aɖeke metɔ o.\" Nyateƒee, \"amea ɖeke meɖo to o.\" (Fiawo I, 18:26, 29) Baal meli ŋutɔŋutɔ o, mele agbe o eye ŋusẽ mele eŋu o.\nAleke gbegbe wòle vevie be míanya Mawu vavã la eye míasubɔe enye esi! Gake amekae wònye? Eye aleke kaka ɖe eyama dzi aɖe vi na míi?\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]\nPeary ƒe zɔhɛ Ehingwah nɔ ŋku lém ɖe nu ŋu tso didiƒe ʋĩ nɔ anyigba yeye dim\nRobert E. Peary\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nEgingwah: From the book The North Pole: Its Discovery in 1909 Under the Auspices of the Peary Arctic Club, 1910; Robert E. Peary: NOAA\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]\nNusiwo wotsɔ wɔ mawui le xexe sia me flua ame geɖe","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020115\/%C3%88x%C9%94-Mawu-Vav%C3%A3-la-Dzi-Sea\/","date":"2020-11-28T02:58:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141194982.45\/warc\/CC-MAIN-20201128011115-20201128041115-00113.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987654686,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987654685974121}","num_words":842,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Noa Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Noa ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Noa BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Noa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Noa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012437\/univ\/art\/502012437_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/noa\/","date":"2020-11-27T03:45:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00143.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983968735,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983968734741211}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! April 2013 | Wodzudzɔ Ŋutasesẽ Le Wo Srɔ̃wo Ŋu\nBiblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe srɔ̃ŋutsu geɖewo ŋu wodzudzɔ ŋutasesẽ le wo srɔ̃wo ŋu heva zu ame fatuwo kple ame siwo ŋu bubu le.\nNyatiawo ƒe ɖewoe nye: Zi gbãtɔ si wozã 3-D laser printer tsɔ wɔ glãƒu kple Ale si Antarctica ƒe nu miemiewo ɖo afɔku me.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu kae nàte ŋu awɔ ne nya tɔamewo gbɔgblɔ le nu gblẽm le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu?\nINTERVIEW\nXlẽ nu tso nu si tae ale si dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe bua nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si, Biblia kple ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ ŋu la trɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ame siwo nye ŋutasẽla vɔ̃ɖitɔwo gɔ̃ hã ŋu woatrɔ woƒe nɔnɔme?\nLANDS AND PEOPLES\nXlẽ nu tso woƒe dekɔnuwo, vividoɖeameŋu, dzigbɔɖi kple amedzrowɔwɔ ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nXlẽ nu tso nu si Biblia gblɔ tso dɔlélewo kple dɔdada ŋu la ŋu.\nQR-dzesiwo le dzedzem le Nyɔ! me azɔ be nàte ŋu aʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒea bɔbɔe.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nDzi ɖena le ame siwo ŋu wowɔ anyra le la dometɔ geɖe ƒo. Nyati sia ɖe nu siwo woate ŋu awɔ be nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201304\/","date":"2020-11-28T11:48:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195417.37\/warc\/CC-MAIN-20201128095617-20201128125617-00475.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998970747,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989707469940186}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso esime woke ɖe Ein Gedi ƒe agbalẽ kakɛ si dzo fiã la ŋu le ƒe 1970 me la, womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ siwo le edzi o. Mɔ̃ɖaŋununya si woyɔna be 3-D la va ɖee fia be Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe akpa aɖee le agbalẽ xatsaxatsa sia dzi, eye Mawu ƒe ŋkɔa hã dze le eme\nLE ƑE 1970 me la, tomenukulawo ke ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe si dzo fiã la ŋu le Ein Gedi, le Israel, afi si te ɖe Ƒu Kukua ƒe ƒuta ŋu le ɣetoɖoƒe gome. Woke ɖe agbalẽ xatsaxatsa la ŋu esi wonɔ Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe si dzo bi le kɔƒe aɖe si wotsrɔ̃, ɖewohĩ, le ƒe alafa adelia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo me, la ƒe tomenuwo kum. Le ale si agbalẽ xatsaxatsaa fiãe ta la, esesẽ ŋutɔ be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ si le edzi; eye ne wodi be woakee hã la, avuvu godoo. Ke hã, akpe be wova zã mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si woyɔna be 3-D tsɔ ke agbalẽ xatsaxatsa sia ƒe foto si le kɔmpiuta dzi. Eye to kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo yeye aɖe si nana wotea ŋu kpɔa nuwo ƒe nɔnɔme dzea sii nyuie dzi la, wote ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ siwo le agbalẽa dzi.\nNu kae esia ɖe fia? Wova kpɔe be, sigbeɖe Biblia me nyawoe le agbalẽ xatsaxatsa kakɛ la dzi. Nu siwo le agbalẽ kakɛ sia si nyi keŋkeŋ kloe la dzie nye mawunyakpukpui aɖewo siwo dze le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze. Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae la dze le mawunyakpukpui siawo me. Akɔntabubu ɖee fia be, ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe alafa enelia K.Ŋ. domedomee woanya ŋlɔ agbalẽ xatsaxatsa sia, eye agbalẽ xatsaxatsa sia va nye Hebrigbe me Biblia ƒe agbalẽ xatsaxatsa xoxotɔ kekeake si ŋu woke ɖo tso esime woke ɖe Qumran asinuŋɔŋlɔgbalẽa ŋu. Aƒetɔ Gil Zohar ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe me be: \"Hafi woava to mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ dzi axlẽ Ein Gedi ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si dzi Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me nyawo le la, ƒe 1,000 sɔŋ ye tso Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake eve siwo ŋu woke ɖo xoxo, siwo nye, Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo kple Aleppo Asinuŋɔŋlɔgbalẽa dome. Akɔntabubu ɖee fia be, woŋlɔ Ƒukukua tɔ le ƒe 100 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me eye woŋlɔ Aleppo tɔ le ƒe 930 K.Ŋ. me.\" (The Jerusalem Post) Le Biblia ŋuti nunyalawo ƒe nya nu la, agbalẽ xatsaxatsa sia si woto mɔ̃ɖaŋununya dzi xlẽ la ɖee fia be Torah si Masoretwo ŋlɔ la me nyawo \"nɔ dedie ƒe akpe geɖe, eye nugbugbɔgaŋlɔlawo mewɔ vodada aɖeke le wo me o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2019\/woxl%E1%BA%BD-blemagbal%E1%BA%BD-a%C9%96e\/","date":"2021-01-25T04:28:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703564029.59\/warc\/CC-MAIN-20210125030118-20210125060118-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992562532,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992562532424927}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.099,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.322,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nYoas Trɔ Le Yehowa Yome Le Hadede Vɔ̃ Ta\nENYE ɣeyiɣi dziŋɔ aɖe ŋutɔ le Yerusalem, afi si Mawu ƒe gbedoxɔa nɔ. Ðeko wowu Fia Axazya teti koe nye ema. Nu si Axazya dada Atalya wɔ kplɔ esia ɖo la kura gawɔ nuku ŋutɔ. Ena wowu Axazya viwo, siwo nye eya ŋutɔ mamayɔviwo! Ènya nu si tae?— * Bene ye ŋutɔ yeazu fia ɖe wo teƒe.\nKe hã, wokpɔ Atalya mamayɔvi Yoas, si nye vidzĩ la ta le mamaa ƒe manyamanya me. Àdi be yeanya ale si wòkpɔ etaea?— Ðevia tasi aɖe nɔ anyi, si ŋkɔe nye Yoseba, eye eyae tsɔ Yoas ɣla ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa me. Ete ŋu wɔ esia le esi srɔ̃a Yoyada nye Nunɔlagã ta. Eya ta eya kple srɔ̃ae kpɔ egbɔ be Yoas nɔ dedie.\nWoɣla Yoas ɖe gbedoxɔa me ƒe ade sɔŋ. Wofia nui le afi ma tso Yehowa Mawu kple eƒe sewo ŋu. Mlɔeba esi Yoas xɔ ƒe adre la, Yoyada na woɖo Yoas fiae. Ðe madzɔ dzi na wò be nàse nu tso ale si Yoyada wɔ esiae kple nu si va dzɔ ɖe Yoas mama, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Atalya dzi la ŋu oa?—\nGbe ɖeka la, Yoyada yɔ ameŋudzɔla tɔxɛ siwo dzɔa Yerusalem fiawo ŋu ɣemaɣi la ƒo ƒu le adza me. Egblɔ ale si eya kple srɔ̃ wokpɔ Fia Axazya ƒe vi ŋutsuvi sia tae la na wo. Emegbe Yoyada ɖe Yoas fia ameŋudzɔla mawo, eye wokpɔe be eyae dze le se nu aɖu fia. Eya ta wode adaŋu.\nYoyada kplɔ Yoas do goe heɖɔ fiakuku nɛ. Eye dukɔ la 'ƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!' Ameŋudzɔlaawo ƒo xlã Yoas bene yewoakpɔ eta. Ke esi Atalya se aseyetsotso siawo katã ŋu nya la, eyi ɖahe nya ɖe wo ŋu. Gake ameŋudzɔlaawo wu Atalya le Yoyada ƒe gbeɖeɖe nu.—2 Fiawo 11:1-16.\nÐe Yoas yi edzi ɖo to Yoyada helé nu si le eteƒe wɔwɔ me ɖe asia?— Ɛ̃, eyi edzi wɔe nenema le Yoyada ƒe agbenɔɣi. Yoas kpɔ egbɔ kura gɔ̃ hã be amewo dzɔ ga bene woate ŋu aɖɔ Mawu ƒe gbedoxɔa, si fofoa Axazya kple tɔgbuia Yoram gbe dzadzraɖo la ɖo. Gake na míakpɔ nu si dzɔ le Nunɔlagã Yoyada ƒe ku megbe la ɖa.—2 Fiawo 12:2-17.\nƔemaɣi la, Yoas axɔ ƒe 40 lɔƒo. Le esi teƒe be Yoas nayi edzi anɔ ha dem kple ame siwo subɔa Yehowa la, eva dze xɔ̃ ame siwo dea ta agu na alakpamawuwo. Yoyada vi Zaxariya nye nunɔla na Yehowa ɣemaɣi. Nu kae nèsusu be Zaxariya awɔ esi wòse nu gbegblẽ siwo wɔm Yoas va le fifia la ŋu nya?—\nZaxariya gblɔ na Yoas be: 'Esi nègblẽ Yehowa ɖi la, eya ta eya hã agblẽ wò ɖi.' Nya siawo ku dzi na Yoas ale gbegbe be wòɖe gbe be woaƒu kpe Zaxariya wòaku. Wò ya bu eŋu kpɔ lo—wokpɔ Yoas ta tso amewula si me, gake fifia, eyae ma ɖe gbe wowu Zaxariya!—2 Kronika 24:1-3, 15-22.\nÐe nèkpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nane tso ŋutinya sia mea?— Gbã la, míadi be míanɔ abe Atalya si nye ŋutasẽla vɔ̃ɖi la ene o. Ke boŋ ele be míalɔ̃ mía hati tadeagulawo kple míaƒe futɔwo kura gɔ̃ hã abe ale si Yesu fia mí be míawɔ ene. (Mateo 5:44; Yohanes 13:34, 35) Ðo ŋku edzi hã be ne míete nu nyui wɔwɔ, abe ale si wònɔ le Yoas gome ene la, ele be míayi edzi adze xɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wòdea dzi ƒo na mí be míasubɔ eyama la ɖeɖe ko.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia nagblɔ eƒe susu.\nNyabiasewo:\n○ Alekee wokpɔ Yoas ta, eye tso ame ka si me?\n○ Aleke wòdzɔe be Yoas va zu fia si dze, eye nu nyui kawoe wòwɔ?\n○ Nu kae na Yoas va te nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye ame kae wowu le eƒe gbeɖeɖe nu?\n○ Nufiame kawoe le Biblia me ŋutinya sia me na mí?\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nWokpɔ Yoas ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090401\/Yoas-Tr%C9%94-Le-Yehowa-Yome-Le-Hadede-V%C9%94%CC%83-Ta\/","date":"2021-01-18T20:46:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703515235.25\/warc\/CC-MAIN-20210118185230-20210118215230-00690.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997520566,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975205659866333}","num_words":665,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Eya ta ne dzideƒoname aɖe li le Kristo me, ne akɔfafa na ame lɔlɔ̃tɔe aɖe li, ne gbɔgbɔmehadede* aɖe li, ne lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ li la, 2 mina nye dzidzɔ la nagba go to esia me be, susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖekae le mia si, miewɔ ɖeka,* eye tamesusu ɖeka le mia si.+ 3 Migawɔ naneke le dzrehehe+ alo bubu dzodzro didi+ ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi,+ 4 ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o,+ ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.+ 5 Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me,+ 6 ame si togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la,+ mebui kpɔ be yeaʋli ɖoƒe be ye kple Mawu yewoasɔ o.+ 7 Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme+ heva zu amegbetɔ.+ 8 Azɔ hã, esi wòva abe amegbetɔ ene* la, ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖo to yi ɖase keke ku me ke,+ ɛ̃, yi ɖase ku me le fuwɔameti* ŋu.+ 9 Esia tututu tae Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu,+ eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ,+ 10 ale be ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la,+ nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, 11 eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ+ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu. 12 Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si mieɖoa to ɣesiaɣi, menye le nye anyinɔɣi ɖeɖe ko o, ke boŋ geɖe wu azɔ esi nyemele mia gbɔ o la, miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm. 13 Elabena Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu. 14 Miyi edzi miawɔ nuwo katã liʋiliʋĩlilĩ+ kple nyaʋiʋli+ manɔmee, 15 ale be miazu ame dzadzɛwo kple fɔmaɖilawo, Mawu ƒe vi+ siwo nye mokakamanɔŋutɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina,+ ame siwo dome miele keklẽm le abe akaɖiwo ene le xexea me,+ 16 esi mielé agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ.+ Ale be makpɔ susu si ta matso aseye ɖo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, ne manyae be nyemeƒu du dzodzro alo wɔ dɔ sesĩe dzodzro o. 17 Gake ne wotrɔm le kɔkɔm ɖi abe nunovɔsa+ ene ɖe vɔsa+ la kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe* si gbɔ miaƒe xɔse kplɔ mi vɛ la dzi hã la, dzi le dzɔyem, eye mele dzidzɔ kpɔm kpli mi katã. 18 Nenema kee miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye kplim. 19 Ke mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ Yesu me be madɔ Timoteo+ ɖo ɖe mi kpuie, ale be ne mese mia gbɔ nyawo la, dzi naɖo ƒonye. 20 Elabena ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. 21 Elabena ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o. 22 Ke mienya ale si wòɖee fia be yedze, eye abe vi+ kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me. 23 Eya ta eyae mele mɔ kpɔm be madɔ ɖa, ne menya kpɔ ale si nuwo anɔ nam ko. 24 Ɛ̃, meka ɖe edzi be ne enye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, nye ŋutɔ hã mava kpuie.+ 25 Gake fifia la, mekpɔe be ehiã be madɔ nɔvinye Epafrodito, nye hadɔwɔla kple hatisrafo, si nye miaƒe ame dɔdɔ si va kpɔ nye hiahiãwo gbɔ la ɖe mi,+ 26 elabena ele edzrom vevie be yeakpɔ mi katã, eye wòlé blanui be miese be yeva dze dɔ. 27 Nyateƒee, edze dɔ de kuku ge kloe; ke Mawu kpɔ nublanui nɛ, le nyateƒe me la, menye na eya ɖeɖe ko o, ke na nye hã, ale be nuxaxa nagakpe nuxaxa nam o. 28 Eya ta mele eɖom ɖe mi kaba, ale be ne miekpɔe la, dzi nagadzɔ mi ake, ale be nye hã maɖe dzi ɖi. 29 Eya ta mixɔe abe ale si miewɔna ɖaa ene le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ blibo, eye miyi edzi miade bubu ame siawo ƒomevi ŋu vevie,+ 30 elabena Kristo* ƒe dɔwɔwɔ tae wòde kuku ge kloe ɖo, eye wòtsɔ eƒe agbe* de afɔku me, be wòaxɔ ɖe mia teƒe le afi sia asubɔm.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo me ƒe gbɔgbɔ.\"\n^ Alo, \"miewɔ ɖeka le luʋɔ me.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"esi wokpɔe le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me.\"\n^ Alo, \"dutoƒosubɔsubɔdɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Aƒetɔ la.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Filipit%C9%94wo\/2\/","date":"2021-01-27T12:56:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610704824728.92\/warc\/CC-MAIN-20210127121330-20210127151330-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991533756,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991533756256104}","num_words":736,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMakafu lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ gã ma,\nSi Yesu tsɔ ɖe ŋutinye la!\nMatsɔ ɖokuinye ke tufafa gã,\nSi xɔla tsɔ kpe nye dahe la.\nNyemagasusu tɔnyexe kpɔ o,\nBoŋ manyrɔ ɖe lɔlɔ̃ ƒe ʋua me.\nStanza 2\nLɔlɔ̃ blibo xɔ menye ɖe ŋuwò,\nWò dzi dzedzo le yonyeme ɖaa.\nAle si nèle asi trɔm ŋunye,\nNenem nye hã metrɔ ɖe ŋuwòe.\nO lɔlɔ̃ vavã, dzonu nyuitɔ la,\nWòe tiam, ɛ̃, nye hã metia wò ko.\nStanza 3\nEme kɔ be, wò ko nànɔ 'sinye,\nEme kɔ be, wò ko ŋu manɔ!\nÐela, xexeme naneke mana\nDzudzɔƒem o, wò ɖeka hɔ̃ lo.\nWò ko me dzudzɔ kple\nmodzeanyi le,\nEya ta wò ko yome mele.\nStanza 4\nMenɔ yakagbe, lɔ̃ nu dzodzrowo,\nEsime menɔ ɖokuinye si.\nMegbe wò nya hetutu wò ɖa ɖaa;\nKe wò la, èlɔ̃m hedim vevie.\nO, ɖe vɔ̃wɔla la anya sia la,\nÐe ko wòava lɔ̃ wò atuu tsã!\nStanza 5\nTɔwòe nye nye dzi kpakple agbe,\nWò, nye kesinɔnu gãtɔ la!\nWòe tsɔ ɖokuiwò hena ɖe tanye,\nÈkɔ wò ʋu ɖi, bene nàƒlem.\nWòe ɖe mía gbegblẽ blibo la ɖa keŋ,\nTɔwòe nye nye nu sia nu tegbee!\nStanza 6\nO Yesu, na wò ŋkɔ vivi nyui la,\nNaƒo ke ɖe to le nye dzi me!\nWò ɖela ƒ'a-melɔlɔ̃ vavã hã\nNaxɔ aƒe le menye keŋkeŋ!\nAle be womagakpɔ naneke\nWu wò Yesu ko le gbɔnye o.\nStanza 7\nŊkɔ xɔasi enye Yesu ƒe ŋkɔ la,\nEʋu Fofoa ƒe dzi nu na mí.\nLɔlɔ̃, fafa kple dzidzɔ ƒe vudo\nZu tɔʋu le sisim tso eme.\nO ɖe vɔ̃wɔla la anya 'sia la,\nÐe ko wòaʋu 'ƒe dzi nu na wò.\nStanza 8\nMíakafu Yesu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la,\nMawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe godzeƒe,\nVudo, si nom dziƒotɔwo le ɖaa,\nSi le dzidzim na míawo hã 'fi,\nMíele klo dzi na wò agbadre hee!\nMíele akpe dam na wò kekeke!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-8\/","date":"2021-03-05T04:08:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178369721.76\/warc\/CC-MAIN-20210305030131-20210305060131-00043.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986881614,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986881613731384}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖe Mateo ƒe agbalẽa ɖe go le Japan Tokunɔgbe me. De dzesi mɔnukpɔkpɔ xɔasi si wònye be Biblia nanɔ ame si le eya ŋutɔ degbe me.\nMíaƒe agbalẽwo kple Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Quechuagbe me la le kpekpem ɖe Quechuagbedola siwo le Peru ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu.\nYehowa Ðasefowo zɔa mɔ legbewo ɣleti sia ɣleti tsɔa Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo yina na amewo le Congo-Kinshasa.\nKpɔ ale si Amerika Tokunɔgbe me Biblia ɖe vi na dzila aɖewo siwo nye tokunɔwo la ɖa.\nKpɔ ale si ƒome aɖe si le Denmark zãa Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la ɖa.\nLe Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeye si woalé ɖe mɔ̃ dzi me la, ame vovovowoe axlẽ bibliameme vovovoawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe numenyawo.\nLe ƒe 2014 me la, wotia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Estoniagbe me la de agbalẽ siwo dze axɔ Agbalẽ Si Ðe Dzesi Le Ƒea Me Wu Ƒe Nunana le Estonia la dome.\nSe nya siwo ɖeviwo gblɔ tso video siwo me Biblia me nufiamewo le siwo nye 'Nye Yehowa Xɔlɔ̃' ƒe video siwo kuna ɖe Kaleb kple Sofia ŋu la ŋu.\nNu ka tae Yehowa Ðasefo siwo le Mexico kple Titina Amerika ɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple nu bubuwo gɔme ɖe gbe 60 kple edzivɔ siwo dometɔ aɖewoe nye Maya, Nahuatl kple Low German me?\nKpɔ ale si wotrɔ asi le agbalẽtamɔ̃ nyadri sia si adze dɔ gɔme ahawu agbalẽtata nu le eɖokui si, si ƒe dɔwɔwɔ atsɔ ŋutɔ, ate ŋu aɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe to woazrɔ nyuie, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu, axlẽ wo ahade wo agbalẽgowo me le eɖokui si la ɖa.\nSe ha sia si wotu ɖe Mawu ƒe Nya dzi, esi wole edzim ɖe gbegbɔgblɔ enyi me.\nKpɔ ale si agbalẽtamɔ̃ si le Japan la na be wote ŋu le Biblia agbɔsɔsɔ si hiã le xexea me godoo la tam la ɖa.\nKpɔ dɔ siwo gbegbe yi edzi le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia tata me ɖa. Nu ka tae wozã ɣeyiɣi kple ga gbogbowo hena Biblia sia si ŋu wotrɔ asi le le ƒe 2013 me tata?\nŊkunɔ siwo le Malawi gblɔ ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le Chichewa-ŋkunɔgbe me la ŋu.\nYehowa Ðasefowo dze agbagba ɖe sia ɖe be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ to le ƒe 2013 me la nanya kpɔ eye wòanɔ anyi eteƒe nadidi.\nTso January 2013 dzi la, míaɖe Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ ƒe axawo dzi kpɔtɔ. Nu ka tae?\nYehowa Ðasefowo zã Biblia siawo dometɔ geɖe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo. Ke nu ka tae woawo ŋutɔ ɖe Biblia gɔme ɖe egbegbe Eŋlisigbe me?\nYehowa Ðasefowo dze woƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Spaingbe me tso keke ƒe 1909 me. Xlẽ nu geɖe tso Spaingbe gbegɔmeɖedɔa ŋu.\nAgbalẽtaƒe 15 sɔŋue le Yehowa Ðasefowo si le xexea me godoo eye wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔwo me.\nYehowa Ðasefowo wɔa video siwo fiaa nu vevi aɖewo ɖeviwo tso agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Dɔ kae wowɔna ɖe amewo dzi?\nAleke Yehowa Ðasefowo nana Biblia me nyatakaka tuameɖowo ɖoa amewo gbɔ le gbegbɔgblɔ vovovowo me? Ke gbegbɔgblɔ agbɔsɔsɔ ka mee nyatakakadzraɖoƒe bubuwo le?\nƑe 40 kple edzivɔe nye esia haƒola siwo tso xexea me godoo la kpɔa dzidzɔ ɖe haƒoha tɔxɛ sia me nɔnɔ aƒo ha ŋu.\nÐo To Mawu gbalẽ sia si me nɔnɔmetata nyakpɔwo le la le kpekpem ɖe amewo ŋu wova le Mawu nyam hele nu nyam tso etsɔme dodzidzɔname si asu ame siwo ɖoa toe si la ŋu. Kpɔ nya siwo ame aɖewo gblɔ tso agbalẽ gbadza nyakpɔ sia ŋu ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agbal%E1%BA%BDtata\/","date":"2021-03-08T09:31:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178383355.93\/warc\/CC-MAIN-20210308082315-20210308112315-00223.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989358783,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998935878276825}","num_words":587,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nAƒetɔ Yesu nye mía ɖela sesẽ\nGbɔgbɔ la do ŋusẽe be wò do vevie\nEya kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃ wɔ ɖeka;\nEyata wò trɔ zu míaƒ' avuléla.\nStanza 2\nNuvɔ̃ siwo katã le mía ŋuti la,\nEtsɔ wo katã ɖe eɖokui dzi faa.\nEnɔ Fofoa ɖeɖe ƒe gbe dzi tegbee;\nNenem eye wòwɔ eɖokui kɔkɔe.\nStanza 3\nMawu gbɔ wòtso va xexe vɔ̃ sia me,\nEtsɔ Mawu ŋuti nya va gblɔ na mí.\nElɔ̃ mi, eƒe dɔme trɔ ɖe mía ŋu,\nEku ɖe mía ta, wu mía xɔxɔ la nu.\nStanza 4\nNɔviwo, mine míada'akpe nɛ azɔ,\nBene míagaxɔ lɔlɔ̃ gã sia dzro o.\nAƒetɔ wɔ nenem nu gã sia na mí;\nNuka gɔ̃ míawɔ nɛ ɖe esia teƒe?\nStanza 5\nYesu nɔ Fofo la ŋuti kplikplikpli,\nNenem eye wòkpɔ ŋusẽ hã tso dzi.\nMine míado vevie gbedodoɖa ɖaa,\nBe lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nasɔ gbɔ na mí!\nStanza 6\nOo Yesu, mía ɖela, va do ŋusé mi,\nAle be míate ŋu awɔ wò gbe dzi!\nAzɔ la míedze si bena míeda vo;\nNa wò Gbɔgbɔ nyui mi, be míazu blibo!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-51\/","date":"2021-03-03T23:14:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178367949.58\/warc\/CC-MAIN-20210303230849-20210304020849-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963520169,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963520169258118}","num_words":176,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.159,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le dugã geɖewo me le xexea me godoo la, amewo kpɔa kekevi siwo dzi Yehowa Ðasefowo ɖo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Germany la, Ðasefoawo ɖo ɖaseɖikekewo ɖe dugãwo abe, Berlin, Cologne, Hamburg, Munich, kple dugã bubuwo siwo me amewo sɔgbɔ ɖo la me.\nGake ɖe amewo akpɔ dzidzɔ ɖe kekevi dzeani siawo ŋu le du sue siwo me Germanytɔwo yia mɔkeke le mea? Ðe ɖaseɖikekeviawo zazã aɖe vi le dziehe nutowo kple ƒutaduwo me, kpakple Baltik ƒua kple Dzieheƒua ƒe ƒukpowo hã dzia? Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Titina Europa na wowɔ dɔ tɔxɛ aɖe le ƒe 2016 me, si na míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo. Tso May va se ɖe October me la, Ðasefo 800 kloe siwo zãa ɖaseɖikekeviwo le Germany ƒe dugãwo me la lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokuiwo na hetsɔ kekeviwo yi teƒe vovovo 60 le Germany ƒe dzigbe gome; wo dometɔ aɖewo tso keke Austria ƒe du si nye Vienna me ke hã.\n\"Wobu Mí Dua Me Tɔwoe\"\nAmewo xɔ Ðasefoawo nyuie. Nɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu. Woɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia, wodi be yewonya nya si le mía si, eye wolɔ̃ faa ɖo dze kple mí.\" Heidi, si zɔ mɔ yi du si nye Plön me gblɔ be: \"Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wobu mí dua me tɔwoe. Wo dometɔ siwo kpɔ mí dze sii la, ʋuʋua asi na mí.\" Ŋutsu tokunɔ aɖe wɔ dzesi na mí le tokunɔgbe me be: \"Míele afi sia afi!\" Eya kple xɔlɔ̃wo gbɔ tso kpekpe aɖe si wowɔ na tokunɔwo le Germany ƒe anyieheɣedzeƒe gome eye wokpɔ Yehowa Ðasefowo le afi ma hã.\nDua me tɔ aɖewo na kpekpeɖeŋu nɔviawo gɔ̃ hã. Le ƒukpo si nye Wangerooge dzi la, kpovitɔ aɖe te ɖe Ðasefoawo ŋu eye wòɖo aɖaŋu na wo tufafatɔe ku ɖe ale si woawɔ ake ame geɖe wu ŋu. Le du si nye Waren an der Müritz la, ame si nye ʋumefia le tsaɖilawo ƒe tɔdziʋu aɖe me la, he tsaɖilawo ƒe susu yi teƒe vovovo siwo kpɔkpɔ adzɔ dzi na wo la dzi. Efia asi ɖaseɖikekevi aɖe le melidzeƒea hegblɔ be: \"Eye le afi maa, miate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.\" Mɔkekeɖula geɖe te ɖe kekeviawo ŋu eye woxlẽ nu siwo woŋlɔ ɖe boblodogbalẽvi si woklã ɖe kekevia dzi la.\nTsaɖilawo kple dua me tɔwo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ gbadzaa etɔ̃ sia ŋu:\nÐe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? Tsaɖila aɖe gblɔ be: \"Menɔ nya sia biam ɖokuinye ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Fifia si mele mɔkekea, makpɔ vovo axlẽ nu tso nya sia ŋu.\"\nNya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Ŋutsu tsitsi aɖe gblɔ na Ðasefoawo be dzi ɖe le ye ƒo le subɔsubɔnyawo ŋu. Wokpe ɖe eŋu wòse egɔme be amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o, Mawu koe ate ŋu awɔ esia. Ŋutsua xɔ agbalẽ gbadzaa kple dzidzɔ eye wògblɔ be yeaxlẽe.\nNye Biblia Nusɔsrɔ̃wo. Vifofo aɖe ɖe mɔ na via nyɔnuvi sue be wòatsɔ agbalẽ gbadzaa sia, si wota na ɖeviwo koŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eya ŋutɔ tsɔ Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo eye wogblɔ be: \"Esia aɖe vi na nye ƒomea.\"\nAmewo xɔ agbalẽ kple agbalẽ gbadza siwo wu 3,600. Ame aɖewo bia tso Ðasefoawo si be woava srã yewo kpɔ ayi dzeɖoɖoa dzi kpli yewo.\nÐasefo siwo wɔ dɔ sia kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Jörg kple srɔ̃a, Marina, zɔ mɔ yi teƒe aɖe si gogo Baltik Ƒua. Wogblɔ be: \"Nunana tɔxɛ aɖee wònye na mí. Míese vivi na Mawu ƒe nuwɔwɔwo, eye le ɣeyiɣi ma ke mea, míete ŋu ɖo dze tso eŋu na ame bubuwo.\" Lukas, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: \"Edzɔ dzi nam ŋutɔ! Menye dzidzɔ ko meva kpɔ o, mete ŋu na nu xɔasi aɖe amewo hã.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/%C9%96ase%C9%96ikekeviwo-yi-m%C9%94keke-le-gemany\/","date":"2021-03-08T08:56:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178383355.93\/warc\/CC-MAIN-20210308082315-20210308112315-00601.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989548326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989548325538635}","num_words":625,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 3 va se ɖe 30, 2018 la le tata sia me.\nWOTSƆ WO ÐOKUIWO NA FAA\nNu ka tae Yehowa Ðasefo geɖe ʋu tso wo de yi Myanmar be yewoafia Mawu ƒe Nya la amewo?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu ɖenɛ fiana esubɔla wɔnuteƒewo be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la me?\nMíate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso vo si Mose da, si nye ŋkubiãnya la me.\nKain, Salomo, Mose kple Aron ƒe ŋutinyawo ɖee fia be nunya le eme be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi.\nAleke míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si wòna mí be míeva le ƒomedodo me kplii la ta?\nSrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ eye nàde dzesi amewo ƒe hiahiãwo kple kuxi siwo me tom wole, eye nàwɔ nu si nàte ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu.\nÀva ke ɖe nu xɔasi geɖewo ŋu.\nNe ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la tsi aƒe ɖeka me dɔ le nɔnɔme siwo mesɔ o me la, ɖe esia anye nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-july-2018\/","date":"2021-04-16T08:14:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038088731.42\/warc\/CC-MAIN-20210416065116-20210416095116-00348.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980127215,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980127215385437}","num_words":183,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nNe nuwo le totrom madzudzɔmadzudzɔe.\nDzi Fatima dzɔm tso nusiwo trɔna tɔa eme madzudzɔmadzudzɔe abe xexeame la ŋuti.Dzro agbalɛ sia me kple Fatima kpakple eƒe xɔlɔ̃wo.\nAnyieʋɔ ƒe amadede adrea wo.\nLé ŋku ɖe nɔwòƒe. Ɖee nekpɔ anyieʋɔ ƒe amadede adrea wo mahã?\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nATIGLINYI LE XƆ LA ME.\nLinda kpɔ atiglinyi gã aɖe le eƒe xɔme.Gake atigliglinyi aɖe lee nyateƒea?Esi ame aɖeke me xɔese oa?\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/freelearningsandbox.com\/ee?changedLanguage=Ewe","date":"2021-04-23T16:24:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039596883.98\/warc\/CC-MAIN-20210423161713-20210423191713-00466.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964017272,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964017271995544}","num_words":190,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! November 2015 | Ðe Subɔsubɔhawo Le Gbagbãma?\nAme miliɔn geɖe siwo si susu vovovowo le la wɔ nyametsotso aɖe si va le ɖeka.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBiblia gblɔ nɔnɔme si me subɔsubɔhawo le fifia la ɖi.\nÐe ame siwo mekpɔa nu o ƒe nusese, nuʋeʋẽse kple asikakanuŋu ate ŋu anyo ɖe edzia?\nINTERVIEW\nNu kae na Nufialagã Gene Hwang va kpɔe be yeƒe sukunusɔsrɔ̃ metsi tsitre ɖe yeƒe xɔse ŋu o?\nHELP FOR THE FAMILY\nKpeɖodziwo fia be ɖeviwo kafukafu ƒe mɔnu ɖeka aɖe ɖea vi wu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\n\"Xexe\" kae awu enu? Aleke xexea awu enui eye ɣekaɣie?\nWAS IT DESIGNED?\nNumekulawo va kpɔ ŋutete wɔnuku aɖe si le sinapi-ti si.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nKpɔ nya siwo amewo lɔ̃a biabia ƒe ŋuɖoɖo kpuiwo.\nKpɔ dɔdeasi dodzidzɔname siwo nàte ŋu azã atsɔ afia nɔnɔme nyui siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe viwòwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201511\/","date":"2021-05-18T20:48:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991514.63\/warc\/CC-MAIN-20210518191530-20210518221530-00045.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981660247,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998166024684906}","num_words":145,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la, hiã atui; ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ ho o.\"\n\"Ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le.\"\n\"Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã? Ne menye nenema o la, aɖo egɔme anyi, gake mate ŋu awu enu o, eye ame siwo katã kpɔe la aɖu fewu le eŋu agblɔ be: 'Ame sia dze xɔtutu gɔme, gake mete ŋu wu enu o.'\"\n\"Esi ameawo ɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: 'Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.'\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/%C9%96o%C9%96o-nyuiwo\/","date":"2021-05-11T16:32:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991648.10\/warc\/CC-MAIN-20210511153555-20210511183555-00223.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977652431,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977652430534363}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"To vovo na boblodolawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo la, míawo ŋutɔwo ƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔe be míatsɔ nuƒeƒle fũu aɖo dɔe. Na míakpɔ aɖaŋuɖoɖo ade siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuƒeƒle fũu la ɖa.\nƑo asa na nu ƒeƒle eŋu mabumabui. Ðe nuƒeƒle kple nu siwo dzram wole ho kpɔtsɔe kpɔkpɔ doa dzidzɔ na wòa? Ne nenemae la, ele bɔbɔe be nàƒle nu eŋumabumabui. Be nàƒo asa na esia la, gbɔ dzi ɖi nàbu nu si tututu nu siawo ƒeƒle, woƒe asiwò nɔnɔ kple beléle na wo ava bia tso asiwò le etsɔme la ŋu. Tɔ sẽe nàde ŋugble le nu siwo nèƒle kpɔ wo ŋu mabumabui eye wòva ve wò emegbe la ŋu. Na ɣeyiɣi ɖokuiwò nàtsɔ ade ŋugble le nyaa ŋu hafi nàtso nya me mlɔeba.\nƑo asa na nu ƒeƒle be nàtsɔ atsi seselelãme ɖefunamewo nu. Nuwo ƒeƒle ate ŋu ana be seselelãme ɖefunamewo nu natsi ɣeyiɣi vi aɖe ya. Gake ne seselelãme mawo gava la, ɖewohĩ àgadi vevie wu tsã be yeakpɔ gbɔdzɔe to nuwo ƒeƒle me ake. Le esi nàtsɔ nuƒeƒle aɖo dɔe be nàtsɔ atsi wò seselelãme ɖefunamewo nu teƒe la, di xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò alo kpɔ gome le kamedefefewo abe azɔlizɔzɔ ene me.\nMègana nuƒeƒle nazu modzakaɖenu na wò o. Fiase gãgãwo na be nuƒeƒle dzena abe modzakaɖeɖe ko ene. Togbɔ be àte ŋu aɖi tsa ayi fiase gãwo me alo atsa le Internet dzi atsɔ aɖe modzakae hã la, ɖe wotrɔ asi le nu siwo nàkpɔ le afi ma la ƒe akpa gãtɔ ŋu be woanyɔ nuƒeƒle ƒe didi ɖe mewò. Ðoe be ne yeɖo nane koŋ be yeaƒle ko hafi yeayi fiase me, eye ne èyi la ƒle nu ma dzaa ko.\nÐɔ ŋu ɖo le ame siwo nèdea hea kpli la ŋu. Xɔ̃wòwo ƒe agbenɔnɔ kple nyagbɔgblɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wò dzodzrowo dzi. Ne èƒlea nu fũu be yeasɔ kple ye xɔlɔ̃wo la, ke tia xɔlɔ̃ siwo ga kple nunɔamesiwo menyea nu vevitɔ na o.\nÐɔ ŋu ɖo le agbananuƒlegbalẽviwo zazã me. Agbananuƒlegbalẽviwo ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nànɔ nuwo ƒlem emetsonuwo ŋu mabumabui. Dze agbagba nàxe fe siwo katã nènyi le agbananuƒlegbalẽvia zazã me la ɣleti sia ɣleti. Nya demee siwo woɖena le ga me na wò le wò agbananuƒlegbalẽvi zazã atsɔ aƒle nue ta kple fe siwo nèxena ɖe eta, eye tsɔ agbananuƒlegbalẽvi vovovowo sɔ kple wo nɔewo ale be nàtia esi ade dziwò wu. Kpɔ nyuie le nuƒlegbalẽvi siwo ŋu fewo sɔ gbɔ akpa, eye wonaa mɔnukpɔkpɔ siwo mèhiã o la ŋu. Ne èdi be yeaƒle nane si ƒe home sɔ gbɔ la, dzra ga ɖo nàƒlee asiasi wu be nàƒlee agbana.\nGa agbɔsɔsɔ si le asiwò la nenɔ nyanya na wò. Ele bɔbɔe be nàƒle nu fũu ne mènya ga agbɔsɔsɔme si le asiwò o. Wɔ ga siwo nèzãna la ŋuti nuŋlɔɖi ɣesiaɣi, eye ga siwo katã le asiwò nenɔ nyanya na wò. Nɔ te ɖe ga siwo nèkpɔna le ɣletia me kple zazã siwo nèwɔ va yi dzi nàwɔ ɖoɖo ɖe ga siwo nàzã le ɣletia me ŋu. Wò ŋku nenɔ wò gazazãwo ŋu, eye nàtsɔe anɔ sɔsɔm kple ga si nèwɔ ɖoɖo be yeazã. Bia tso xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo la si be wòaɖe gaŋutiɖoɖo siwo gɔme mèse o la gɔme na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201306\/ale-si-n%C3%A0%C6%92o-asa-na-nu%C6%92e%C6%92le-f%C5%A9u-akpa\/","date":"2021-05-11T20:14:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989856.11\/warc\/CC-MAIN-20210511184216-20210511214216-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998857379,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988573789596558}","num_words":553,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"FERNANDO * tsi dzi vie. Hamemetsitsi eve gblɔ nɛ be yewodi be yewoakpɔe. Le nutome sue dzikpɔlaa ƒe sasrãkpɔ ʋɛ siwo va yi me la, hamemetsitsiwo gblɔ nu siwo wòle be wòawɔ be wòadze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo le hamea me la nɛ. Emegbe Fernando va nɔ eɖokui biam be ɖe ye hã yeate ŋu ava azu hamemetsitsi gbe ɖeka mahã. Nutome sue dzikpɔlaa gava srã wo kpɔ nyitsɔ laa. Ke nya kae woagagblɔ nɛ fifia?\nFernando nɔ to ɖom esime hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka nɔ nu ƒom. Ehe susu yi 1 Timoteo 3:1 me nyawo dzi hegblɔ nɛ be agbalẽ va ka yewo si be woɖoe hamemetsitsi. Nyaa wɔ mo yaa na Fernando ale gbegbe be ebiae be, \"Nya kae nègblɔ?\" Nɔviŋutsua gagblɔ nya ma ake, eye Fernando ko alɔgbɔnu. Emegbe esi woɖe gbeƒãe le hamea me la, ame sia ame kpɔ dzidzɔ.\nÐe wònye nu gbegblẽ be ame nadi be mɔnukpɔkpɔwo nasu ye si le hamea mea? Kura o. Le 1 Timoteo 3:1 ƒe nya nu la, \"ne ame aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui dim.\" Nɔviŋutsu Kristotɔ geɖewo wɔa dzideƒonya mawo dzi eye wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi be yewoadze na mɔnukpɔkpɔwo le hamea me. Yayra si do tso emee nye be hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla akpe geɖe le Mawu ƒe amewo subɔm fifia. Gake le dzidziɖedzi si le vavam le hamewo me ta la, ehiã be nɔviŋutsu geɖe naminya agbanɔamedziwo. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi wòle be woato awɔ esia? Eye ɖe wòle be ame siwo le didim be yewoawɔ dzikpɔladɔ la natsi dzimaɖi abe ale si wònɔ le Fernando gome enea?\nNU KAE WÒFIA BE 'WOAMINYA' DZIKPƆLADƆ?\nHelagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be 'woaminya' le Biblia me la fia be woadi nane vevie alo adze agbagba be woaɖo nane gbɔ. Ðewohĩ esia ahe míaƒe susu ayi ale si ame ado asi ɖa anɔ agbagba dzem be yeagbe atikutsetse nyui aɖe le ati dzi la dzi. Gake be ame 'naminya dzikpɔladɔ' mefia be wòadi mɔnukpɔkpɔ sia ŋukeklẽtɔe o. Nu ka tae? Elabena taɖodzinu si tae wòle be ame nadi vevie be yeazu hamemetsitsi ye nye be 'wòadi dɔ nyui,' ke menye be ɖoƒe nasu ye si o.\nNudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi awɔ dɔ nyui sia la dometɔ geɖe dze le 1 Timoteo 3:2-7 kple Tito1:5-9. Raymond, si nye hamemetsitsi ƒe geɖee nye esia la gblɔ tso nudidi vevi mawo ŋu be: \"Mekpɔe be ame si míenye la koŋ ŋue nyaa ku ɖo. Nufiafia kple nuƒoƒo ƒe ŋutetewo le vevie ya, gake womate ŋu axɔ ɖe ale si wòhiã be ame nanye mokakamanɔŋutɔ, ada asɔ le nuwɔna me, anye ame ɖɔŋuɖo, ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, amedzrowɔla kple nugɔmesela teƒe o.\"\nNɔviŋutsu si di vavã be yeaminya dzikpɔladɔ la ƒoa asa na anukwaremaɖimaɖi kple makɔmakɔnyenye ƒomevi ɖe sia ɖe tsɔ ɖenɛ fiana be mokaka mele ye ŋu o. Edana sɔna le nuwɔna me, eɖɔa ŋu ɖo, ewɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye wònyea nugɔmesela; eya ta ehati tadeagulawo kana ɖe edzi be ate ŋu ana mɔfiame yewo ahakpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Esi wòxɔa amewo nyuie ta la, etea ŋu dea dzi ƒo na sɔhɛwo kple ame siwo xɔ nyateƒea eteƒe medidi o. Esi wònye nu nyui lɔ̃la ta la, efaa akɔ na dɔnɔwo kple ame tsitsiwo eye wòkpena ɖe wo ŋu. Etua nɔnɔme nyui siawo ɖo ɖe ame bubuwo ƒe viɖe ta, ke menye le esi wòdi be woaɖo ye dzikpɔla ta o. *\nEdzɔa dzi na hamemetsitsiwo be yewoaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu si le dzikpɔladɔ minyam ahade dzi ƒo nɛ, gake eya ŋutɔ dzie agba le be wòaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiawo gbɔ. Henry, si nye hamemetsitsi kpɔnuteƒe la gblɔ be: \"Ne èle dzikpɔladɔ minyam la, dze agbagba vevie nàɖee afia be yedze nɛ.\" Ehe susu yi Nyagblɔla 9:10 me nyawo dzi hegblɔ be: \"'Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.' Wɔ dɔ ɖe sia ɖe si hamemetsitsiwo de asiwò la kple wò ŋutete katã. Kɔ dzi me ɖe dɔ si woade asiwò le hamea me la ŋu, ne esia bia be nàkplɔ anyigba gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, wò dɔwɔnawo kple agbagbadzedzewo ava dze ƒãa.\" Ne èdi be yeava nye hamemetsitsi gbe ɖeka la, nye kutrikula kple ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo le wò subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa sia akpa. Ele be nànye ɖokuibɔbɔla, ke menye nɔƒe gã dila o.\nƑO ASA NA NUŊUBUBU KPLE NUWƆNA SIWO MESƆ O\nAme aɖewo siwo di be mɔnukpɔkpɔwo nasu yewo si le hamea me la tea ŋu toa mɔ aɖewo dzi hea susu yia esia dzi alo wodzea agbagba be yewoana hamemetsitsiwo ƒe ha la nawɔ nyametsotso siwo ade yewo dzi. Etena ɖe ame aɖewo hã dzi ne hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na wo. Ele be ame siawo nabia wo ɖokuiwo be, 'Ðokuinye tɔ dim mele loo alo medi be mabɔbɔ ɖokuinye alé be na Yehowa ƒe alẽawo?'\nNudidi bubu aɖe hã li si mele be ame siwo di be yewoazu hamemetsitsiwo la naŋlɔ be o, si nye be ele be 'woazu kpɔɖeŋu na alẽha la.' (1 Pet. 5:1-3) Ame si nye kpɔɖeŋu na hamea ƒoa asa na nuŋububu kple nuwɔna siwo mesɔ o. Egbɔa dzi blewu hedoa dzi eɖanye hamemetsitsi alo menye hamemetsitsi o. Hamemetsitsi zuzu menana ame dea blibo nukutɔe o. (4 Mose 12:3; Ps. 106:32, 33) Azɔ hã ɖewohĩ nɔviŋutsu aɖe ƒe 'dzitsinya mebua fɔe le naneke ta o,' gake ame bubuwo ya akpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔwo le eŋu. (1 Kor. 4:4) Eya ta ne hamemetsitsiwo nɔ te ɖe Biblia dzi ɖo aɖaŋu na wò la, ɖo to wo eye mègana wòate ɖe dziwò o. Dze agbagba nàwɔ woƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi.\nKE NE ÈLALA ETEƑE DIDI YA ÐE?\nEwɔna na nɔviŋutsu aɖewo be ɣeyiɣi si yewotsɔ le lalam be woaɖo yewo dzikpɔlawoe la didi akpa. Ne ƒe aɖewoe nye esia nèle \"dzikpɔladɔ minyam\" la, ɖe nètsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣia? Ekema de dzesi Ŋɔŋlɔawo me nya siawo: \"Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye.\"\nNe edze na ame aɖe be yemete ŋu le taɖodzinu aɖe si wòdi vevie la gbɔ ɖom o la, esia ate ŋu ado dzive nɛ. Abraham se le eɖokui me nenema. Yehowa do ŋugbe nɛ be yeana wòadzi viŋutsu, gake ƒe geɖewo va yi si wo kple Sara womedzi vi o. (1 Mose 12:1-3, 7) Esi Abraham ku amegã la, efa konyi be: 'Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem la, nu ka gɔ̃ nàtsɔ nama? Mèna vim o.' Yehowa ka ɖe edzi nɛ be ŋugbe si yedo be yeana vii la ava eme. Ke hã ƒe 14 sɔŋ va yi hafi Mawu na ŋugbedodo ma va eme.\nLe ɣeyiɣi siwo me Abraham nɔ lalam la, ɖe Yehowa subɔsubɔ va tiia? Ao. Meke ɖi Mawu ƒe ŋugbedodoa gbeɖe o. Eyi edzi nɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Esi Abraham gbɔ dzi ɖi la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.\" (Heb. 6:15) Mlɔeba la, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la yra nuteƒewɔla sia wu ale si eya ŋutɔ kpɔ mɔ nɛ. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Abraham gbɔ?\nNe ƒe geɖewoe nye esia nèle didim be yeazu hamemetsitsi gake meva eme haɖe o la, yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Dzi megaɖe le ƒowò le esubɔsubɔ me o. Warren, si kpe ɖe nɔviŋutsu geɖe ŋu wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la ɖe nu si tae la me ale: \"Exɔa ɣeyiɣi hafi wòva dzena ƒãa be nɔviŋutsu aɖe dze awɔ dzikpɔladɔ. Nɔviŋutsua ƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo va nɔa dzedzem vivivi le eƒe nuwɔnawo kpakple ale si wòtsɔa dɔ siwo wode esi la me. Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be ne agbanɔamedzi alo mɔnukpɔkpɔ aɖe su yewo si la, ekema efia be yewokpɔ dzidzedze. Nuŋububu sia mesɔ o eye wòate ŋu ana ame natsi dzimaɖi. Ne èsubɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe metsɔ le eme afi si nèle alo nu si wɔm nèle o la, ke efia be èkpɔ dzidzedze.\"\nNɔviŋutsu aɖe lala ƒe ewo kple edzivɔ hafi wova ɖoe hamemetsitsi. Ehe susu yi nya nyanyɛ aɖe si le Xezekiel ta 1 me dzi hegblɔ tso nu si wòsrɔ̃ tso eme ŋu ale: \"Yehowa ye fiaa mɔ ale si wòle be eƒe tasiaɖam, si le tsitre ɖi na eƒe habɔbɔa la naɖe zɔe. Yehowa ƒe ɣeyiɣie le vevie, ke menye mía tɔ o. Be ame nazu hamemetsitsi la, menye nu si medi, alo ame si medi be mazu ye nye nu vevitɔ o. Ðewohĩ le Yehowa gbɔ la, menye nu si dim mele lae hiãm ŋutɔŋutɔ o.\"\nNe èle mɔ kpɔm be yeava zu Kristotɔ dzikpɔla gbe ɖeka la, kpe asi ɖe hamea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu nàtsɔ aminya dɔ siae. Ne edze abe mele tsɔtsɔm o ene la, mègatsi dzi o, ke boŋ gbɔ dzi ɖi. Raymond, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: \"Nɔƒe gã didi menana ame kpɔa dzidzɔ o. Dzidzɔ gã si le Yehowa subɔsubɔ me la toa ame siwo tsia dzi ɣesiaɣi la ŋu.\" Tu Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo geɖe wu, vevietɔ dzigbɔgbɔ blewu. Nɔ Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ dzi be nàyi edzi atsi le gbɔgbɔ me. Wɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe nya nyuia kpakple Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔwo me. Xɔ ŋgɔ le ƒometadedeagu kple teokrasidɔ bubuwo me. Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi la ŋu dɔ nàtsɔ ade ha kple nɔviwo. Esia awɔe be nànɔ dzidzɔ kpɔm esime nèle agbagba dzem be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ.\nMɔnukpɔkpɔ si asu ame si le hamea me be wòanye dzikpɔla la nye yayra si tso Yehowa gbɔ; Yehowa medi be nu nate ɖe ame siwo le dzikpɔladɔ minyam la dzi alo dzi naɖe le wo ƒo o, eye eƒe habɔbɔa hã medii nenema o. Mawu kpena ɖe ame siwo katã subɔnɛ kple susu nyui la ŋu eye wòyraa wo. \"Metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o,\" abe ale si wòle le eƒe yayra bubuawo katã gome ene.\nNe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia nèle dzikpɔladɔ minyam hã la, àte ŋu ayi edzi awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuie. Ne èyi edzi le nɔnɔme nyuiwo tum ɖo hele vevie dom nu le hamea me eye mèŋe aɖaba ƒu wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dzi o la, Yehowa maŋlɔ agbagba siwo katã nèdze le esubɔsubɔ me la be o. Neva eme be Yehowa ƒe nu nayi edzi anyo ŋuwò le dɔ ɖe sia ɖe si wode asiwò la wɔwɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140915\/minya-agban%C9%94amedziwo-le-hamea-me\/","date":"2021-05-17T12:56:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969339967,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969339966773987}","num_words":1696,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ\nKpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu (April-June 2007) Esi wònye be ƒe 18 mexɔ ta la, mekpɔe be nya geɖe siwo wogblɔ tso asitelefon kple Internet zazã ŋu la ku ɖe ŋunye. Meƒo ɖokuinye ɖe kadodo kple amewo le Internet dzi me. Eteƒe medidi o, kadodo kple ame gblẽku siawo na meva ge ɖe woƒe mɔ̃ me. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi mete dzesidedee be mía kple Mawu dome ƒomedodo ɖo afɔku me o. Melɔ̃ ɖakpe ŋkume kple ŋkume kple ame gblẽku siawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã. Nublanuitɔe la, esia kplɔm de agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Mele gbe dom ɖa be nyati sia nakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaƒo asa na vevesese kple nuxaxa siwo me tom mele fifia. Ale si metsia zãdomadɔalɔ̃e kple ŋkuɖoɖo foto aɖewo dzi enuenu la nana nu tea ŋunye gbe sia gbe, gake mele aʋa wɔm kple Satana vevie ŋutɔ.\nB. R., United States\nNu Ka Tae Mekua Ƒenyi? (April-June 2007) Nyanya be menye nye ɖekae kua ƒenyi o na dzi gaɖo ƒonye ŋutɔ. Nyati sia xexlẽ na mese le ɖokuinye me abe ɖee Yehowa le gbɔgblɔm nam tẽe be, \"Mese nu si me tom nèle la gɔme na wò, eya ta medi be matsɔ nyati sia ade dzi ƒo na wò,\" ene.\nI. R., Madagascar\nNane Si Anɔ Anyi Ðaa Wu Aɖaŋunuwɔwɔ (April 2007 Eŋlisigbe me Nyɔ!) Nyemate ŋu ada akpe ɖe nyati sia ta wòade edeƒe o. Mewɔ dɔ le fotoɖeƒe eve dzidzedzetɔe hena ƒe ade sɔŋ. Melɔ̃ dɔ sia si naa mete ŋu ɖea nye aɖaŋuwɔwɔ ŋutete fiana la ŋutɔ. Gake meva de dzesii be esi meva nɔ dzidzedze kpɔm le dɔ sia me geɖe wu hete ŋkɔxɔxɔ ko la, agbagba siwo medzena le Yehowa subɔsubɔ me la dzi ɖe kpɔtɔ. Meƒoa ɖokuinye ɖe aɖaŋudɔ sia me ale gbegbe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe sua asinye na nu bubuwo wɔwɔ. Menya be ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo. Eya ta medzudzɔ dɔ sia wɔwɔ heva lé fɔ ɖe nye mawusubɔsubɔdɔwo ŋu. Dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ ƒe seselelãme si do tso foto dzeani siwo meɖena me nam la mede dzidzɔ si gbegbe mele kpɔkpɔm le gomekpɔkpɔ le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me nu o.\nA. P., United States\nSɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Ame Sia Sɔ Nama? (July-September 2007) Nyitsɔ laa la, ɖekakpui aɖe ƒe nu te dziléle nam eye mesusu be mía kplii míate ŋu ava ɖe mía nɔewo. Gake le nyati sia xexlẽ vɔ megbe la, meva kpɔe be nɔnɔme siwo dzɔa dzi nam le eŋu la menye esiwo le vevie ŋutɔŋutɔ o. Nyatia na mekpɔe be mawumenɔnɔmewo kple ale si amea wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui ye le vevie wu. Meda akpe na Yehowa ɖe nyati siawo tɔgbi siwo fiaa mɔ mí sɔhɛwo hekpɔa mía ta la ta.\nE. P., United States\nSrɔ̃ Nu Tso East Timortɔwo Gbɔ (May 2007 Eŋlisigbe me Nyɔ!) Nyati sia xexlẽ do dzidzɔ nam ŋutɔ. Zi gbãtɔ si mese dukɔ sia ŋkɔe nye esime woka nya ta tso zitɔtɔ siwo yi edzi le afi ma ŋu le nyadzɔdzɔwo me. Tso ɣemaɣi la, medina vevie be manya ale si East Timortɔwo te ŋu le akɔ kpem kple nɔnɔmeawo, kple ale si nɔnɔmeawo le ŋusẽ kpɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ɖaseɖiɖidɔa dzii. Esi mekpɔe le nyati sia me be dukɔa me tɔwo mena ta le fukpekpe sesẽtɔ kekeake me o, ke boŋ wokpɔtɔ le dzi dom heyi edzi le agbe nɔm abe ale si ko wonɔnɛ ɖaa ene la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Nyemaŋlɔ tamanamana ƒe nɔnɔme si le East Timortɔwo si, kple ale si Jacob ƒomea ɖo nukomoe le woƒe foto si dze le magazinea me la me be gbeɖe o.\nY. M., Japan","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200804\/Tso-M%C3%ADa%C6%92e-Nuxl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-05-17T13:21:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00439.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986848831,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986848831176758}","num_words":608,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMI titri aɖe le tɔmelã siwo dzia vi siwo nɔa tsi fafɛwo me la dometɔ geɖe ƒe ŋutigbalẽ te si kpena ɖe wo ŋu be vuvɔ mewɔa wo o. Nu bubu aɖe si gakpena ɖe tɔmesisiblisi ƒomevi sia ya ŋue nye fu titri si le eŋu.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Fu si le ƒumelã sia ŋu mimi ɖe wo nɔewo ŋu wu lã bubuwo tɔ. Ne wodzidze eƒe ŋutigbalẽ sentimeta ɖeka ɖe dzogoe ene me la, fu siwo ade 155,000 ye le eme. Ne ƒumelã sia le tsi ƒum la, ya aɖe gena ɖe eƒe fuawo te si wɔnɛ be tsi fafɛa mekaa eƒe ŋutilã ŋu be vuvɔ nawɔe o.\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nane tso fu si le ƒumelã sia ŋu la ŋuti. Wotee kpɔ wɔ fuwu siwo ƒe fuwo ƒe didime le vovovo eye mɔ si le fuawo domee hã le vovovo. Numekulaawo kpɔe be \"ne fuawo sɔ gbɔ eye wodidi la, womeɖoa tsi o.\" Ne míagblɔe bubui la, ƒumelã siawo ate ŋu aƒo adegbe be yewo sie vuvɔmewu titri adodoea le.\nNumekulawo le mɔ kpɔm be ale si wole ŋgɔ yim le mɔ̃ɖaŋununya me la awɔe be yewoawɔ avɔ ƒomevi aɖe si mate ŋu aɖo tsi o. Esia ate ŋu ana amewo naƒo nya ta be fuwu titri si sɔ kple ƒumelã sia ƒe fuwo la ate ŋu akpe ɖe ame siwo doa ɖi yia tɔ gɔme la ŋu ŋutɔ!\nNu kae nèsusu? Ðe ƒumelã sia ƒe fu siwo nana vuvɔ mewɔnɛ o la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2017-june\/t%C9%94mesisiblisi-%C6%92omevi-a%C9%96e-%C6%92e-fu\/","date":"2021-05-06T10:26:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988753.91\/warc\/CC-MAIN-20210506083716-20210506113716-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987610579,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987610578536987}","num_words":257,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Amegbetɔwo Trɔna Zua Mawudɔlawo ne Wokua?\nARGYRO si nye ɖevi dzaa la ku esime wòxɔ ƒe adre pɛ ko. Edzila siwo ƒe dzi gbã vevie la, fɔ ŋku ɖe ɖevi sia si wòdo awu ɣi na tsɔ mlɔ aɖaka me la dzi. Esi woƒe osɔfo nɔ didim be yeafa akɔ na wo la, egblɔ be: \"Mawu gahiã mawudɔla bubu, eyatae wòkplɔ mia vi sue Argyro be wòava nɔ ye gbɔ. Fifia eƒe luʋɔ le agba sam le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe fiazikpui la ŋu godoo.\"\nAme aɖewo xɔe se vevie be ame kukuwo ƒe luʋɔwoe mawudɔlawo nye, togbɔ be subɔsubɔha ʋɛ aɖewo koe da asi ɖe dzixɔse sia dzi hã. Nyakakamɔnuwo doa boblo nukpɔsusu sia le television dzi fefe siwo me ame kukuwo toa kpekpeɖeŋu nana agbagbeawo kple wo ta kpɔkpɔ me zua mawudɔlawo mlɔeba.\nLe nyateƒe me la, ɖe wòle be nàkpɔ mɔ be yeƒe ame veviwo atrɔ zu mawudɔlawo ne wokua? Nukae Biblia fia le nya sia ŋu? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nusi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ ku ɖe amesi mawudɔlawo nye kple nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le la ŋu me.\nMawudɔlawo—Nuwɔwɔ Siwo Le Etɔxɛ\nMawudɔlawo nye Mawu subɔla siwo si ŋusẽ triakɔ le, eye wole gbɔgbɔmenutowo me. Ƒomedodo aɖeke mele woƒe anyinɔnɔ kple amegbetɔwo tɔ dome o. Mawudɔlawo nye Mawu ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo. Biblia gblɔ be: 'Mawudɔlawo nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wowɔ wo.'—Psalmo 148:2, 5.\nBiblia ɖee fia be dziƒonuwɔwɔ wɔnuteƒe miliɔn geɖe, siwo dome serafiwo kple kerubiwo le, subɔna nuteƒewɔwɔtɔe le mɔ tɔxɛwo nu, le ɖoƒe kple dɔdasi si le wo si nu. (Psalmo 103:20, 21; Yesaya 6:1-7; Daniel 7:9, 10) Ðe wònye nyateƒe be amegbetɔwoe kuna hafi Mawu te ŋu wɔa mawudɔla gbogbo mawoa? Mate ŋu anye nenema kura o. Nukatae?\nBiblia ɖee fia be wowɔ mawudɔlawo do ŋgɔ gbaɖegbe ʋĩ ke hafi va wɔ amegbetɔwo. Esi Yehowa wɔ ɣletinyigba sia si dzi amegbetɔwo ava nɔ emegbe la, mawudɔlawo—siwo woyɔ le hakpanya me be ŋkeɣletiviwo—'nɔ aseye tsom, eye wogli kple dzidzɔ.' (Hiob 38:4-7) Eyata mawudɔlawo nɔ anyi ƒe gbogbo aɖe siwo mele xexlẽ me o hafi wova wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi.\nGawu la, vovototo gã aɖe le mawudɔlawo kple amegbetɔwo dome le woƒe wɔwɔme kple akpa si wowɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖo me la me. * Mawu wɔ ame 'wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo,' eyata esɔ be woabu gbɔgbɔmenuwɔwɔ mawo be wotri akɔ wu amegbetɔwo, eye tamebubu ŋutete kple ŋusẽ gã hã le wo si. (Hebritɔwo 2:7) Mawudɔlawo ƒe \"nɔƒe\" koŋue nye dziƒowo. (Yuda 6) Le amegbetɔwo ya gome la, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na woe nye be woanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. (Mose I, 1:28; 2:17; Psalmo 37:29) Ne ɖe atsu kple asi gbãtɔawo ɖo to Mawu la, anye ne womaku gbeɖe o. Eyata, tso gɔmedzedzea me ke la, amegbetɔwo kple mawudɔlawo ƒe ɖoƒe nɔ vovovo le Mawu ƒe tameɖoɖo me.\nNukae Dzɔna le Ku Me?\nNyabiase vevi bubu siwo wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo nae nye: Nukae dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi ne woku? Ðe woyia edzi nɔa agbe le nɔnɔme bubu aɖe me, le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ abe mawudɔlawo ene le gbɔgbɔmenutowo mea? Biblia na ŋuɖoɖo si me kɔ eye egɔmesese le bɔbɔe, be: \"Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.\" (Nyagblɔla 9:5) Eyata ne amegbetɔwo ku la, womeganɔa agbe le afi aɖeke o. Ame kukuwo menyaa naneke o, womesea naneke le wo ɖokui me o, eye womesea veve alo kpɔa dzidzɔ aɖeke kura o.\nÐe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa? Ẽ! Biblia ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si li na amegbetɔ siwo ku dometɔ akpa gãtɔe nye be woafɔ wo ɖe tsitre. Woafɔ ame kukuwo dometɔ akpa gãtɔ woanye amegbetɔwo anɔ agbe le paradisonyigba dzi.—Luka 23:43; Yohanes 5:28.\nAmegbetɔ ʋɛ aɖewo ko sie mɔkpɔkpɔ le be woafɔ wo woaɖanɔ agbe le dziƒo. Womesɔgbɔ kura o—woƒe xexlẽme katã koe nye ame 144,000. Gake, ame 144,000 siawo to vovo kura na nuwɔwɔ siwo woyɔna be mawudɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, ame 144,000-awo aɖu fia kple Kristo ahanye nunɔlawo eye womagaku akpɔ o. Woanye ʋɔnudrɔ̃lawo hã. (Korintotɔwo I, 6:3; Nyaɖeɖefia 20:6) Vidzĩ siwo ku va yi ye wonyea? Ao. Wonye Kristo yomedzela siwo wodo kpɔ le goawo katã me!—Luka 22:28, 29.\nGabu vovototo si le ame kukuwo kple mawudɔla gbagbewo dome hã ŋu kpɔ. Le esi ame 'kukuwo menya naneke o' la, mawudɔlawo ya bua tame, sea nu le lãme, eye tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete le wo si. Wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le. (Mose I, 6:2, 4; Psalmo 146:4; Petro II, 2:4) Woƒo nu tso ame kukuwo ŋu be \"wonye amesiwo ŋu wɔna vɔ le,\" alo be ŋusẽ aɖeke mele wo ŋu o, esime mawudɔlawo ya nye 'kalẽtɔ sesẽwo.' (Yesaya 26:14, NW; Psalmo 103:20) Eye esi amegbetɔ siwo nye Adam ƒe dzidzimeviwo kuna le nuvɔ̃ kple blibomademade ta la, mawudɔla siwo vɔ̃a Mawu ya deblibo, eye tenɔnɔ nyui le wo si le Yehowa ŋkume.—Mateo 18:10.\nÐewohĩ nukpɔsusu si nye be amesiwo ku ƒe luʋɔwoe trɔna zua mawudɔlawo la asɔ nyuie na sinima kple television dzi fefewo, gake Ŋɔŋlɔawo ya meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Biblia me nyateƒe si ŋu míeƒo nu tsoe le etame kpena ɖe mía ŋu míetsria aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe nɔnɔme si me míaƒe ame vevi siwo ku le la ŋu. Eye Biblia ka ɖe edzi na mí be mawudɔla wɔnuteƒewo—amesiwo wowɔ etɔxɛe, siwo nye Mawu subɔla triakɔwo—kɔkɔ wu amegbetɔwo, eye wole klalo ɣesiaɣi hena Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Dzidzɔtɔe la, Yehowa zãna mawudɔlawo be woakpɔ amesiwo ɖoa to eyama tso dzi blibo me hesubɔnɛ la ta, eye wokpena ɖe wo ŋu.—Psalmo 34:7.—g8\/06.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 10 Nyagbe \"mawudɔla,\" si fia \"dɔtsɔla\" le nyaa ŋutɔŋutɔ nu, ƒe gɔmesese ate ŋu afia nu vovovowo ɣeaɖewoɣi, eye alɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ ƒomevi vovovowo kple mawusubɔla siwo nye amegbetɔwo kura gɔ̃ hã ɖe eme. Ke le nyati sia me la, míazãe na gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo Biblia yɔna be mawudɔlawo.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Ðe ɖeviwo kuna le esi Mawu di be yeana mawudɔla siwo ƒoa xlãe nasɔgbɔ ɖe edzi ta?—Hiob 34:10.\n▪ Ðe ame kukuwo ate ŋu ava kpɔ agbegbeawo ta?—Yesaya 26:14.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200610\/%C3%90e-Amegbet%C9%94wo-Tr%C9%94na-Zua-Mawud%C9%94lawo-ne-Wokua\/","date":"2021-05-18T05:38:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989820.78\/warc\/CC-MAIN-20210518033148-20210518063148-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997168541,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971685409545898}","num_words":994,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Kaisaro Si Mee Metsɔ Nye Nya Dee!\"\nNUVLOWƆHA aɖe lé ŋutsu wɔnamanɔŋuitɔ aɖe hedze eƒoƒo gɔme. Wobui be edze na ku. Esi wòva dze kɔte be ɖe wodi be woawui godoo la, asrafowo va do eye bebli hafi wote ŋu xɔ ŋutsua le ameha sẽŋuta ma si me. Ŋutsu lae nye apostolo Paulo. Yudatɔ siwo tsi tre ɖe Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu vevie hebu fɔe be eƒo ɖi gbedoxɔ lae lée sesẽe. Romatɔ siwo aʋafiagã Klaudio Lisia nɔ ŋgɔ na lae nye amesiwo va xɔ nɛ. Le zitɔtɔa me la, wolé Paulo abe amesi nu wotso be enye nuvlowɔla ene.\nDɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta adre susɔeawo ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu, tso esime wolée dzi. Paulo ƒe senyawo ŋuti nya, nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu, eɖokuinuɖeɖe, kple Romatɔwo ƒe tohehemɔnuwo gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be ta siawo me nyawo me nagakɔ na mí ɖe edzi.\nLe Klaudio Lisia Si Me\nKlaudio Lisia ƒe dɔdasiwo dometɔ aɖee nye be wòakpɔ egbɔ be wowɔ se dzi le Yerusalem. Roma-mɔmefia si le Yudea dzi ɖum, amesi te wòle, la le Kaisarea. Míate ŋu abu akpa si Lisia wɔ le Paulo ƒe nyaa me be enye ametakpɔkpɔ tso ŋutasesẽnuwɔlawo si me kple amesi he zitɔtɔ vɛ la léle da ɖi. Yudatɔwo ƒe nuwɔna na Lisia kplɔ eƒe gamenɔla la yi asrafowo nɔƒee le Antonia-mɔ me.—Dɔwɔwɔwo 21:27–22:24.\nEle be Lisia naku nu me akpɔ nusi Paulo wɔ. Mete ŋu se naneke tso eŋu le zitɔtɔa me o. Eyata ede se enumake be 'woaɖe atam ɖe Paulo dzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti wole ɣli dom ɖe eta ɖo.' (Dɔwɔwɔwo 22:24) Esia nye nusiwo wowɔna be woatsɔ abia gbe hlɔ̃dolawo, kluviwo, kple ame tsɛ bubuwo. Ate ŋu anye be atam ɖeɖe ɖe ame dzi (flagrum) ana woase nya si dim wole bɔbɔe, gake enye ameƒonu dziŋɔ aɖe. Ga goɖogoɖoe aɖewo siwo wotɔ ɖe kɔsɔkɔsɔ ŋu nɔa atam siawo ŋu. Wodea ƒu ɖaɖɛ kple gaviwo atam bubuwo ƒe lãgbalẽ siwo wogbina me. Wodea abi ame ŋu vevie hevuvua ame ƒe ŋutilã ʋayaʋaya.\nƔeyiɣi sia mee Paulo ɖe eƒe Romatɔnyenye gblɔ. Womate ŋu aƒo Romatɔ si meɖi fɔ o, eyata Paulo ƒe eɖokuitaʋiʋlia ɖe vi enumake. Ŋutasesẽ le Roma-dumevi ŋu alo tohehe nɛ ate ŋu ana Roma-dumegã ƒe ɖoƒe nage le esi. Eyata eme kɔ be tso ɣemaɣi la, wowɔa nu ɖe Paulo ŋu abe gameme tɔxɛ ene, wona mɔnukpɔkpɔe wòte ŋu xɔa amedzrowo gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 22:25-29; 23:16, 17.\nEsi nutsotsoa me mekɔ na Lisia o ta la, ekplɔ Paulo va Sanhedrin la ŋkume be yease nusi gbɔ zitɔtɔa tso. Gake Paulo de ʋiʋli wo dome esi wògblɔ be tsitretsitsi ƒe nya la tae wole ʋɔnu drɔ̃m ye ɖo. Nyaʋiʋlia nu sẽ ale gbegbe be Lisia vɔ̃ be woava vuvu Paulo, eye wògana Lisia ʋlii sesẽe le Yudatɔ siwo dzi nɔ kukum helĩhelĩ la si me.—Dɔwɔwɔwo 22:30–23:10.\nLisia medi be woawu Romatɔ ɖe akɔ na ye o. Esi wòse nugbe si woɖo ɖe eŋu be woawui la, ena wokplɔ eƒe gamenɔla la yi Kaisarea enumake. Se bia be woatsɔ nyatakaka siwo ku ɖe nyaa ŋu akpe ɖe gamenɔlawo ŋu ne wokplɔ wo yina ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ aɖee. Nusiwo anɔ nyatakaka mawo me ƒe ɖewoe nye nya siwo wose le numekuku gbãtɔ me, nusiwo ta wowɔ afɔɖeɖe sia, kple nusi numekula susu tso nya la ŋu. Lisia ŋlɔ le Paulo ŋu be 'wole enu tsom ɖe Yudatɔwo ƒe Se la ƒe nyaʋiʋliwo ta, menye le naneke si dze na ku alo babla ta o,' eye wògblɔ na Paulo nutsolawo hã be woava gblɔ woƒe nutsotsowo na mɔmefia Felike.—Dɔwɔwɔwo 23:29, 30.\nMɔmefia Felike Do Kpo Afiatsotso\nFelike si mee nutowo me dziɖuŋusẽ le. Ate ŋu atsɔ nutoa me kɔnuwo adrɔ̃ nya lae ne edze eŋu, alo ate ŋu atsɔ dukɔa ƒe hlɔ̃dodo ŋu sewo—siwo wozãna na ame ŋkutawo kple dziɖuɖumegãwo—adrɔ̃e. Woyɔa se ma be ordo, alo ɖoɖo. Ate ŋu azã ʋɔnudrɔ̃se bubu si woyɔna be extra ordinem hã, si nye se wote ŋu tsɔ drɔ̃a dziɖuŋusẽ me hlɔ̃donya ɖesiaɖee. Wodina tsoa nutomedziɖulawo si be 'menye nusi wowɔna le Roma ŋue wòabu o, ke boŋ nusi wòle be wòawɔ na amesiame ŋue wòabu.' Eyata wogblẽ nu geɖe ɖe esi me.\nMenye blema Roma-senyawo katãe míenya o, gake wobu Paulo ƒe nya la be enye \"nutome toheʋɔnu si nye extra ordinem la ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe.\" Aɖaŋudelawo kpena ɖe mɔmefia la ŋu sea nutsotsowo tso ame bubuwo gbɔ. Woyɔa amesi nu wotso la be wòakpe kple enutsola, eye ate ŋu aʋli eɖokui ta, gake enutsola ƒe agbae wònye be wòaɖo kpe eƒe nutsotsoa dzi. Ʋɔnudrɔ̃la la hea to si wòkpɔ be edze la na agɔdzelaa. Ate ŋu atso nya me zi ɖeka ma alo ahee ɖe megbe kura, eye ne edzɔ alea la, wosikana amesi nu wotso la ɖi. Agbalẽnyala Henry Cadbury gblɔ be: \"Ðikeke mele eme o be nudzeameŋuwɔŋusẽ sia si nɔa dziɖula si la naa 'wokpɔa ŋusẽ gbegblẽ' ɖe edzi be wòaxɔ zãnu—be wòaɖe asi le ame ŋu loo, wòabu fɔ ame loo, alo wòahe nya ɖe megbe.\"\nNunɔlagã Anania, Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo, kple Tertulo tso Paulo nu le Felike ŋkume be enye 'nugblẽla si dea zi Yudatɔwo katã dome.' Wogblɔ be enye \"Nazaretɔwo ƒe kɔmamã\" ƒe amegã eye wòdi be yeaƒo ɖi gbedoxɔa.—Dɔwɔwɔwo 24:1-6.\nAmesiwo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu gbã la susu be ekplɔ Trɔ̃subɔla Trofimo yi xɔxɔnu si wotso ɖi na Yudatɔwo ɖeɖe dzaa. * (Dɔwɔwɔwo 21:28, 29) Ne míagblɔe tututu la, amesi wosusu be eda se dzi enye Trofimo. Gake ne Yudatɔwo ɖe nusi wobu xaa be Paulo wɔ me be enye nugbegblẽwɔwɔ dzidede la, woate ŋu abui agɔdzedze si dze na ku. Eye edze abe ɖe Roma de kufiatsotso na ame ɖe nuvɔ̃ sia ta dzi ene. Eyata ne ɖe wònye be Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwoe lé Paulo ke menye Lisia ye o la, anye ne Sanhedrin la te ŋu drɔ̃ ʋɔnui eye woabu fɔe bɔbɔe.\nYudatɔwo bui be nusi Paulo nɔ fiafiam menye Yuda-subɔsubɔ, alo subɔsubɔ si le se nu (religio licita) o. Ke ele be woabui boŋ be mele se nu o, alo enye aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu gɔ̃ hã.\nWotso Paulo nu hã be 'edea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo.' (Dɔwɔwɔwo 24:5) Fiagã Klaudio bu fɔ Yudatɔ siwo le Aleksandria ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ be 'wokaka dɔvɔ̃ ɖe xexeame godoo.' Nutsotso eve siawo ɖi wo nɔewo ŋutɔ. Ŋutinyaŋlɔla A. N. Sherwin-White gblɔ be: \"Nutsotso sia tɔgbe tututue wòsɔ be woatsɔ ɖe Yudatɔ ŋu le Klaudio ƒe Dziɖuɣi alo Nero ƒe ƒe gbãtɔwo me. Yudatɔwo nɔ agbagba dzem be yewoana mɔmefia la nabu Paulo ƒe gbeƒãɖeɖea be esɔ kple zidede Yudatɔ siwo le Fiaɖuƒea me la me. Wonya be mɔmefiawo medi be yewoabu fɔ ame ɖe subɔsubɔnyawo ɖeɖeko ta o eyata wodze agbagba be yewoana mawusubɔsubɔ me nutsotso si yewotsɔ ɖe eŋu la nadze abe dunyahehe me nutsotso ene.\"\nPaulo tsɔ nya siwo wotsɔ ɖe eŋu la ɖekaɖekae eye wòʋli eɖokui ta le wo me. Egblɔ be, 'Nyemede zitɔtɔ aɖeke amewo me o. Nyateƒee, mele ha si yɔm wole be \"kɔmamã\" la me baa, gake nusi wòfiae nye be mewɔa Yudatɔwo ƒe se dzi. Yudatɔ aɖewo siwo le Asia ye de zitɔtɔa amewo me. Ne nutsotso aɖe le wo si ɖe ŋunye la, ke ɖe wòle be woanɔ afisia ana nutsotsoa.' Le nyateƒe me, ɖeko Paulo na woƒe nutsotsoawo va zu mawusubɔsubɔ me nyaʋiʋli ɖe Yudatɔwo dome, eye enye nya si menya drɔ̃na na Roma o. Esi Felike nya Yudatɔwo xoxo be aglãdzelawoe wonye ta la, ehe nyadɔdrɔ̃a yi ŋgɔe, si na be ʋɔnudrɔ̃nyaa tɔ ɖe afima. Womeɖe asi le Paulo ŋu na Yudatɔwo, amesiwo be yewoe ate ŋu adrɔ̃ nyaa o, wometsɔ Roma-se hã drɔ̃ nya nɛ o, eye womeɖe asi le eŋu hã o. Womate ŋu azi Felike dzi be wòatso afia o, eye tsɔ kpe ɖe alesi wòdi be yeadze Yudatɔwo ŋui ŋuti la, nu bubu hã nɔ susu me nɛ si tae wòhe nya la ɖe megbe—esusu be Paulo ana zãnu ye.—Dɔwɔwɔwo 24:10-19, 26. *\nEƒe Sesẽaƒe le Porkio Festo Si Me\nƑe eve megbe, esi mɔmefia yeye si nye Porkio Festo va Yerusalem la, Yudatɔwo gafɔ woƒe nutsotsoa ake, eye wobia be wòaɖe asi le Paulo ŋu na yewo ne yewodrɔ̃ nya nɛ. Gake Festo gbe kura be: \"Menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ ame aɖe ade asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o.\" Ŋutinyaŋlɔla Harry W. Tajra gblɔ be: \"Festo kpɔe enumake be wonɔ nugbe ɖom be yewoato nyadɔdrɔ̃a me awu Roma-vidzidzi aɖe.\" Eyata egblɔ na Yudatɔwo be woatsɔ woƒe nya la ava Kaisarea.—Dɔwɔwɔwo 25:1-6, 16.\nYudatɔwo va gblɔ le afima be 'medze be Paulo naganɔ agbe o,' ke hã womete ŋu tɔ asi naneke dzi si tae wogblɔe nenema ɖo o, eye Festo kpɔ be Paulo mewɔ naneke si dze ku o. Festo ɖe nu me na amegã bubu be: \"Wotsɔ biabia aɖewo le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti kple Yesu aɖe, si ku, amesi Paulo ka ɖe dzi be, ele agbe la ƒe nya vɛ.\"—Dɔwɔwɔwo 25:7, 18, 19, 24, 25.\nEdze ƒã be Paulo meɖi fɔ le dunyahehe ƒe nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu me o, gake le mawusubɔsubɔ nyaʋiʋlia me la, Yudatɔawo gblɔ be yewoƒe ʋɔnu koe ate ŋu adrɔ̃ nya la wòasɔ. Ðe Paulo ayi Yerusalem ɖe nya siawo dɔdrɔ̃ taa? Festo bia Paulo be ayi hã, gake le nyateƒe me, mesɔ nenema o. Ne wogbugbɔ Paulo ɖo ɖe Yerusalem be enutsolawo ke naganye eƒe nyadrɔ̃lawo la, ke efia be ɖe wotsɔe de asi na Yudatɔwoe nye ma. Paulo gblɔ be: \"Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui ŋgɔe nye si mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o. . . . Ame aɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!\"—Dɔwɔwɔwo 25:10, 11, 20.\nNe Romatɔ aɖe gblɔ nya ma la, ke nutoa me dziɖuɖu aɖeke magate ŋu awɔ naneke le nyaa ŋu o. Gome si le esi be wòabia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye (provocatio) la nye \"nu ŋutɔŋutɔ, ede blibo eye menye fefee o.\" Eyata esi Festo yi aɖaŋu me kple eƒe aɖaŋudelawo la, egblɔ be: \"Kaisaro si mee nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.\"—Dɔwɔwɔwo 25:12.\nEdzɔ dzi na Festo be Paulo do le ye si me. Abe alesi wòlɔ̃ ɖe edzi na Herodes Agripa II ŋkeke aɖewo megbe ene la, nya la tɔtɔe. Fifia ele be Festo naŋlɔ nane tso nya la ŋu aɖo ɖe fiagã la, gake nutsotsoawo nye Yudatɔwo ƒe se la me nya siwo gɔmesese sẽ akpa na Festo. Gake Agripa ya nya nu tso nya mawo ŋu tsitotsito, eyata ebia tso esi be wòakpe ɖe ye ŋu le lɛtaa ŋɔŋlɔ me. Esi Festo mete ŋu se nya siwo Paulo gava gblɔ le Agripa ŋkume gɔme o la, edo ɣli be: \"Èle tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukunɔ.\" Gake Agripa ya se eƒe nyawo me keŋ. Egblɔ be: \"Esusɔ ʋɛ, naƒoe ɖe nunye, be nawɔm mazu Kristotɔ.\" Eɖanye aleke Festo kple Agripa se le wo ɖokui me le Paulo ƒe nyawo ŋu o, wolɔ̃ ɖe edzi be Paulo meɖi fɔ o eye be yewoate ŋu aɖe asi le eŋu hafi ne menye ɖe wòbia be Kaisaro nadrɔ̃ nya na ye o.—Dɔwɔwɔwo 25:13-27; 26:24-32.\nƲɔnunya Didi aɖe ƒe Nuwuwu\nEsi Paulo va ɖo Roma la, ena woyɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo vɛ nɛ, menye be yeaɖe gbeƒã na wo ko ta o ke boŋ be yease nusi wonya tso ye ŋu hã. Ema ate ŋu ana wòanya nane le amesiwo tsɔ nya ɖe eŋu ƒe susu ŋu. Ebɔ ɣemaɣi be amegã siwo le Yerusalem nabia be Yudatɔ siwo le Roma nakpe ɖe yewo ŋu le nyadɔdrɔ̃ me, gake Paulo se be womegblɔ nya aɖeke tso ye ŋu na wo o. Esime Paulo nɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ lalam la, woɖe mɔ nɛ wòhaya xɔ aɖe henɔ eme eye wòte ŋu ɖea gbeƒã faa. Alesi wometsɔ asi sesẽ kplɔ Paulo alea o la ate ŋu afia be Romatɔwo bui be meɖi fɔ o.—Dɔwɔwɔwo 28:17-31.\nWosika Paulo ɖe afisia wòwu ƒe eve. Nukatae? Biblia meɖe eme o. Wosikana amesi bia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye dana ɖi vaseɖe esime eƒe nyatɔwo gava fɔ nya la ake, gake ɖewohĩ esi Yudatɔ siwo le Yerusalem kpɔ be kpekpeme mele yewoƒe nutsotsoawo ŋu o ta la, wogbe vava kura. Ðewohĩ mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woate ŋu ato Paulo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye be woagbe nyaa fɔfɔ ɖe te. Eɖanye kae o, edze abe ɖe Paulo va tsi tre ɖe Nero ŋkume, eye wòtso afia nɛ be meɖi fɔ o ene, eye emegbe wògava dze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme ake—esiawo katã xɔ ade ƒe atɔ̃ sɔŋ tso esime wolée.—Dɔwɔwɔwo 27:24.\nTso gbaɖegbe kee nyateƒea ƒe futɔwo 'to se dzi ɖo nugbe' be yewoado kplamatse Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Mele be nusia nawɔ nuku na mí o. Yesu gblɔ be: \"Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.\" (Psalmo 94:20; Yohanes 15:20) Ke hã Yesu ɖe mɔ na mí be míagblɔ nyanyuia na xexeame katã faa. (Mateo 24:14) Eyata abe alesi apostolo Paulo nɔ te ɖe yometiti kple tsitretsiɖeŋu nu sesĩe ene la, egbea Yehowa Ðasefowo hã 'ʋlia nyanyuia ta eye woɖonɛ anyi le se nu.'—Filipitɔwo 1:7.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 14 Adzrala si wotsɔ atsyɔ̃ɖokpe wɔe si kɔkɔ abɔklugui etɔ̃ la ma Dukɔwo ƒe Xɔxɔnu tso xɔxɔnu ememe tɔ gbɔ. Woŋlɔ nuxlɔ̃amenyawo ɖe gli sia ƒe teƒeteƒewo, ɖewo le Helagbe me eye ɖewo hã le Latingbe me, be: \"Amedzro aɖeke megato mɔxekpɔ si wotɔ ɖe kɔkɔeƒea ŋu age ɖe eme o. Woawu amesiame si woalé be ege ɖe eme la godoo, eye amea ŋutɔe wu eɖokui.\"\n^ mm. 17 Le nyateƒe me, nusia mele se nu ya o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Le adzodadasea, Lex Repetundarum la, me la, se meɖe mɔ na amesi le ŋusẽnɔƒe alo dziɖuɖumegã aɖeke be wòabia zãnu alo axɔe, ale be wòabla ame alo atu ame, be wòadrɔ̃ ʋɔnu alo madrɔ̃e o alo be wòaɖe asi le gamenɔla ŋu o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011215\/Kaisaro-Si-Mee-Mets%C9%94-Nye-Nya-Dee\/","date":"2021-05-17T09:52:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243992159.64\/warc\/CC-MAIN-20210517084550-20210517114550-00153.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981077313,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981077313423157}","num_words":2286,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAleke srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ate ŋu ada asɔ le nuteƒewɔwɔ na Mawu kple eɖokui bɔbɔ na srɔ̃aŋutsu dzimaxɔsetɔ me ne srɔ̃ŋutsua ɖua subɔsubɔzãwo?\nAbia aɖaŋudzedze kple ŋuɖɔɖɔɖo hafi wòate ŋu ada asɔ. Gake anyo ne edzea agbagba be yeada asɔ le agbanɔamedzi evea tsɔtsɔ me. Yesu ɖo aɖaŋu le nɔnɔme aɖe si sɔ kplii ŋu be: \"Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.\" (Mateo 22:21) Ele eme be dziɖuɖu siwo wova gblɔ na Kristotɔwo emegbe be woabɔbɔ wo ɖokui na ƒe gome si woatsɔ ana wo ŋu nya gblɔm wònɔ ya. (Romatɔwo 13:1) Ke hã, eƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ le alesi wòle be srɔ̃nyɔnu nada asɔ le Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ kple eɖokui bɔbɔ na srɔ̃aŋutsua, si Ŋɔŋlɔawo bia tso esi hã gome ne dzimaxɔsetɔe wònye gɔ̃ hã.\nBiblia-nyala aɖeke meli si agbe be Biblia mete gbe ɖe edzi be Mawu Ŋusẽkatãtɔe nye ame gbãtɔ si dze be Kristotɔ naɖo toe ahawɔ nuteƒe na ɣeawokatãɣi o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ke hã, le go geɖe me la, tadeagula vavãtɔ ate ŋu ade bubu dzimaxɔsetɔ si nye tatɔ ƒe biabia ŋu si manye Mawu ƒe se si kɔ wu dzi dada o.\nMíakpɔ nufiame kpɔɖeŋu ɖeka tso Hebrivi etɔ̃ siwo ƒe ŋutinya woŋlɔ ɖe Daniel ta 3 lia me. Nebukadnezar, si te wole le dziɖunyawo me la ɖe gbe be woa kple wo tɔ bubuwo woava Dura bali me. Esi Hebrivi etɔ̃awo kpɔ be alakpasubɔsubɔnuwɔnawo le ɖoɖoa me la, woanya di be yewoaƒo asa na afima yiyi hafi. Ðewohĩ Daniel te ŋu do taflatse le afima yiyi ŋu, gake ame etɔ̃ siawo mete ŋui o. * Eyata woɖo to heyi teƒea, gake menye be woakpɔ gome le nu gbegblẽ aɖeke wɔwɔ me tae o—eye womewɔe hã o.—Daniel 3:1-18.\nNenema ke wòate ŋu adzɔ be le azãɖuɣiwo dzi la, srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ abia tso srɔ̃anyɔnu Kristotɔ si be wòawɔ nusi madi be yeawɔ o. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: Srɔ̃ŋutsua bia tso esi be wòaɖa nuɖuɖu aɖe le ŋkeke si dzi woa kple ame bubuwo woaɖu azãa. Alo ebia be ƒomea (srɔ̃anyɔnu hã le eme) nava srã yeƒe ƒometɔwo kpɔ gbemagbe be woaɖu nu alo ɖe sasrãkpɔ ta ko. Alo hafi azã ɖuɣi naɖo gɔ̃ hã la, ate ŋu agblɔ na srɔ̃anyɔnua be ne wòyina asi ɖi ge la, wòaƒle nanewo na ye—nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo siwo wotsɔ ɖua azã lae loo, alo nusiwo wòatsɔ awɔ nunanae loo, alo agbalẽ siwo wotsɔ blaa nunanae kpakple gbedonamegbalẽviwo be yeatsɔ akpe ɖe nunana siawo ŋu.\nLe go sia me hã la, ele na srɔ̃nyɔnu Kristotɔa be wòaɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le alakpasubɔsubɔnuwɔnawo me o, gake nukae wòate ŋu awɔ tso nusiawo siwo wobia tso esi ŋu? Srɔ̃ŋutsuae nye ƒomea ƒe ta, eye Mawu ƒe Nya gblɔ be: \"Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.\" (Kolosetɔwo 3:18) Ðe wòate ŋu abɔbɔ eɖokui na srɔ̃a le go siawo me abe alesi dze srɔ̃nyɔnuwo ene agakpɔtɔ awɔ nuteƒe na Mawua? Ele nɛ be wòatso nya me le alesi wòada asɔ le srɔ̃aŋutsua bubu kple toɖoɖo Yehowa si le vevie wu me.\nLe ɣeyiɣi bubuwo me la, srɔ̃aŋutsua ate ŋu abia tso esi be wòaɖa nuɖuɖu aɖe, ɖewohĩ esi wòvivia enu tae loo alo esi wònye eyae wòlɔ̃a ɖuɖu ɣeyiɣi mawo tae. Adzɔ dzi na srɔ̃nyɔnua be yeaɖe lɔlɔ̃ afiae ahade bubu eƒe tanyenyea ŋu. Ðe wòate ŋu aɖa nua nɛ ne srɔ̃aŋutsua bia nusia tututu le azã ɖuɣia? Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖewo ate ŋu awɔe kple dzitsinya nyui, abui ko be enye gbesiagbe nuɖaɖa dzro ko. Ðikeke mele eme o be Kristotɔ nuteƒewɔla aɖeke mabui ŋkeke tɔxɛ aɖeke o ne srɔ̃aŋutsua ya bui nenemae gɔ̃ hã. Nenema ke srɔ̃ŋutsua ate ŋu abia tso esi ɣeaɖewoɣi le ɣletia me alo le ƒea me be woa kplii woayi aɖasrã yeƒe ƒometɔwo kpɔ. Ðe srɔ̃nyɔnua ate ŋu ayi kplii ne azãɖuɣi aɖe dzie wòdzea? Alo ɖe wòalɔ̃ aƒle nusiwo wòadɔ la nɛ dzro abe alesi wòƒlea nuwo nɛ ne wòyi asi ɖi ge ene eye matɔ gbee be yeanya nusiwo wòbe yeatsɔ nuawo awɔe oa?\nGodoo la, ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nabu ame bubuwo ŋu—alesi eƒe nuwɔnawo akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii. (Filipitɔwo 2:4) Adi be yeaƒo asa na nuwɔna si afia be yele azã ɖum, abe alesi ko wòanɔ eme be Hebrivi etɔ̃awo adi be ame aɖeke nagakpɔ yewo be yewo yina Dura balia me o ene. Eyata ate ŋu aɖɔ ŋu ɖo asusu nuwo ŋu kple srɔ̃aŋutsua akpɔe ɖa be abu yeƒe seselelãmewo ŋu ale be eya ŋutɔ nawɔ nanewo siwo ku ɖe azãɖuɖua ŋu na eɖokui be wòatsɔ ade bubu srɔ̃anyɔnu si lɔ̃e hedea bubu eŋu la ŋuti mahã. Ðewohĩ ase egɔme be anyo wu be yewoaƒo asa na nɔnɔme si ate ŋu ahe ŋukpe vɛ na woa kple evea siaa nenye be srɔ̃anyɔnua gbe be yemakpɔ gome le alakpasubɔsubɔnuwɔnawo me o. Ẽ, nyamedzodzro do ŋgɔ kple gbe ɖɔɖɔe ate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ le ŋutifafa me.—Lododowo 22:3.\nLe nya siwo katã míegblɔ megbe la, ele be Kristotɔ nuteƒewɔla la nada nuwo kpɔ atso nya me le nusi wòawɔ ŋu. Ele be toɖoɖo Mawu naxɔ nɔƒe gbãtɔ, abe alesi Hebrivi etɔ̃awo wɔe ene. (Korintotɔwo I, 10:31) Gake esi nya sia le susu me na Kristotɔ la, ele nɛ be wòatso nya me le nusiwo wòawɔ si manye tanana o ŋuti, ne ele amesi nye ta nɛ le ƒomea me alo le nutoa me ƒe didiwo dzi wɔm.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Kpɔ \"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\" si dze le August 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011215\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-06-19T23:11:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487649731.59\/warc\/CC-MAIN-20210619203250-20210619233250-00020.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989608526,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989608526229858}","num_words":914,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Metso Kunugbe Va Ti Ŋutifafadɔ Yome\nABE ALESI TOSHIAKI NIWA GBLƆE ENE\nJapantɔ aɖe si nye yameʋukula tsã si wona hehee be wòaku ameɖokuitsrɔ̃yameʋu (kamikaze) aɖalɔ Amerikatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋu le Xexemeʋa II mee gblɔ alesi wònɔ sesem le eɖokui me esi wònɔ eƒe kunugbe yiyi lalam.\nALESI woɖu Japan dzi vevie le Midway-ʋa la me le June 1942, na alesi wònɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Pasifik-nutowo dzi nu tso zi ɖeka. Tso ɣemaɣi la, United States kple dukɔ siwo kpe ɖe eŋu nɔ aʋa ɖesiaɖe si wowɔ kple Japan la dzi ɖum eye wogbugbɔ xɔ anyigba siwo Japan xɔ va yi le esi.\nLe September 1943 me la, Japan dziɖuɖua ɖe gbeƒã be yunivɛsiti sukuvi siwo katã woɖe ɖa be woagawɔ aʋa o awɔ aʋa azɔ. Le December me esi mexɔ ƒe 20 la, mege ɖe ƒudzisrafo me le sukukpodzi. Ɣleti ɖeka megbe la, medze ƒudzisrafo kple yamesrafo ƒe hehexɔxɔ gɔme. Le December 1944 la, mesrɔ̃ bɔmbdayameʋu aɖe si woyɔna be Zero yameʋawɔʋu la kuku.\nAmeɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛ\nEsusɔ vie woaɖu Japan dzi keŋkeŋ. Le February 1945 me la, yamesrafo siwo nɔ B-29 bɔmbdayameʋuwo me gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Japan dzi vevie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, United States ƒe ƒudzisrafowo nɔ egogom, si na wònɔ bɔbɔe be yamesrafowo nate ŋu adze edzi.\nƔleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, Japan srafomegãwo ɖoe be yewoawɔ aʋa mamlɛa to ameɖokuiwumɔnuwo dzi. Togbɔ be edze ƒã ɣemaɣi be Japan makpɔ dziɖuɖu le aʋa la me o hã la, nyametsotso ma he aʋa la ɖe megbe eye ɖikeke mele eme o be esia he afɔku akpe nane bubuwo vɛ.\nEsiae na woto Ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛa vɛ. Kamikaze, si nye ahom sesẽ aɖe si ŋu wotua xo le be eyae nyrɔ Mongoliatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋuwo le ƒe alafa 13 lia me, ƒe ŋkɔe wotsɔ nɛ. Le ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe amedzidzedze gbãtɔa me la, wotsɔ bɔmb si ƒe kpekpemee nye kilogram 250 de Zero bɔmbdayameʋu ɖesiaɖe me be ameɖokuitsrɔ̃yameʋukula naku wòava lɔ tɔdziʋu si wotɔ ŋkui.\nWoɖe gbe na Yatabe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgoa be wòaƒo ameɖokuitsrɔ̃yameʋukulawo ƒe aʋalɔgo tɔxɛ aɖe nu ƒu, eye menɔ wo dome. Wona agbalẽvi aɖe mía dometɔ ɖesiaɖe be míade asi ete, atsɔ afia nenye be míalɔ̃ faa anye ameɖokuitsrɔ̃yameʋukulawo ƒe aʋalɔgoa me tɔwo.\nMesee le ɖokuinye me be ele be matsɔ nye agbe ana ɖe nye dukɔa ta. Gake ne metsɔ ɖokuinye na be mazɔ mɔ si ate ŋu ade nye agbe afɔku me hã la, woate ŋu ada tum hafi maɖo afisi yim mele, ahaku yakatsyɔ. Ðe wòadzɔ dzi na danye ne megblẽ nye agbe dome alea nye ƒomegbanɔamedziwo gbɔ makpɔmakpɔa? Menɔ esia ŋu bum ɣeyiɣi didi aɖe nenye be mɔzɔzɔ sia si me afɔku le alea lae nye mɔ nyuitɔ kekeake si wòle be mawɔ nye agbe ŋudɔ le. Ke hã metsɔ ɖokuinye na.\nLe March 1945 la, woɖo Yatabe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgo gbãtɔ. Togbɔ be wotia nye dɔwɔhati 29 hã la, wometiam o. Le hehe tɔxɛ nana wo vɔ megbe la, wowɔ ɖoɖo na wo be woadze mɔzɔzɔ si me afɔku le la gɔme tso Kanoya yamesrafowo nɔƒe si le Kagoshima nutoa me le April me. Hafi woaɖo wo ɖe Kanoya la, meva srã xɔlɔ̃nyewo kpɔ, be makpɔ alesi wonɔ sesem le wo ɖokui me esi wonɔ dzadzram ɖo ɖe kunugbea yiyi ŋu.\nWo dometɔ ɖeka gblɔ blewu be: \"Míegbɔna kuku ge, gake mele be nàyɔ o. Ne mía dometɔ aɖe tsi agbe la, negblɔ vevienyenye si le ŋutifafa ŋu nya na ame bubuwo kple alesi woawɔ akpɔe.\"\nHatinyewo dze mɔzɔzɔa gɔme le April 14, 1945 dzi. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, mí katã míenɔ to dzi na nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋuti nyatakakawo sese. Gbeƒãɖela la gblɔ be: \"Showa ƒe Aʋalɔgo Gbãtɔ si tso Ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛa me va yi ge ɖe futɔwo si me le atsiaƒu me le Kikai Shima ƒe ɣedzeƒe gome. Amesiame ku la aʋaa me.\"\nOhka—Ame Bɔmb La\nLe ɣleti eve megbe la, woɖem yi Konoike Ƒudzisrafo kple Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgoa me be manye Jinrai Amedzidzesrafoha ƒe Aʋalɔgo Tɔxɛa me tɔ. Jinrai gɔme enye \"mawu ƒe dziɖegbe.\" Yameʋu (si woyɔna be Amedzidzelawo), aʋawɔyameʋu siwo dzɔa wo ŋu, kple bɔmbdayameʋu bubuwo ye aʋalɔgoa zã.\nLe yameʋu 'gãtɔwo'—siwo nye Amedzidzeyameʋu siwo si mɔ̃ eve le—dometɔ ɖesiaɖe ŋu la àkpɔ Ohka si gɔmee nye \"seƒoɣi.\" Etsi tre ɖi na sɔhɛ yameʋukula siwo tsɔ woƒe agbe sa vɔe. Ohka nye bɔmbdayameʋu si wowɔ na ame ɖeka, eye eƒe aʋalawo keke meta 5, eye eƒe kpekpeme enye kilogram 440. Wode bɔmb siwo ƒe kpekpe anɔ tɔn ɖeka nu gbɔ nɛ.\nNe yameʋugã la le amesiwo wotɔ ŋkui gogom la, yameʋukulawo dometɔ ɖeka gena ɖe Ohka, si woɖena ɖa le yameʋugã la ŋu me. Wodana yamezɔmɔ̃ (rocket) si wóna henaa Ohka la zɔna le yame mii sɛkɛnd ewo, hafi lũna ɖe nusi wòtɔ ŋkui la dzi. Woate ŋu ayɔ esia wòasɔ be ame bɔmb. Ne wonya dae ko la, agbetsitsi megali o!\nNe wole Ohka kuku ƒe hehe nam yameʋukula aɖe la, ate ŋu aku Zero bɔmbdayameʋu tso yame afisi kɔkɔ meta 6,000 wòava dze nusi wòtɔ ŋkui la dzi. Mekpɔ yameʋukula geɖewo ku le hehexɔɣi siawo me.\nHafi woatsɔm akpe ɖe aʋalɔgoa ŋu la, aʋalɔgo gbãtɔa dze mɔ xoxoxo. Amedzidzeyameʋu 18 nue wodzra Ohka ɖo, aʋawɔyameʋu 19 ye dze wo yome. Amedzidzeyameʋuawo nɔ kpekpem eyata womenɔ abla ɖem o. Wo dometɔ aɖeke meɖo afisi yim wonɔ o. United States srafowo gbã Amedzidzeyameʋuawo kple aʋawɔyameʋu siwo dze wo yome katã.\nEsi aʋawɔyameʋuwo megali o ta la, ele na Jinrai Aʋalɔgoa me nɔlawo be woazɔ mɔ woawo manɔmee. Amesiwo katã yi emegbe megatrɔ gbɔ o. Wo dometɔ ɖesiaɖe ku le Okinawa ƒe aʋagbedzi.\nAʋa la ƒe Ŋkeke Mamlɛawo\nLe August 1945 me la, woɖom ɖe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgo si le Otsu. Asrafonɔƒe si me woɖom ɖo la le Hiei-zan si te ɖe Kyoto ŋu. Esi míenɔ mɔ kpɔm na United States srafowo ƒe Japan dzi dzedze ta la, wowɔ ɖoɖo be woazã Ohka aɖewo atsɔ adze United States ƒe ƒudziʋawɔʋuwo dzi le toa dzi. Woɖo gakpo siwo dzi woato awɔ esia ɖe toa tame.\nMíenɔ lalam be woaɖe gbe na mí. Gake gbeɖeɖe ma meva gbeɖe o. Esi wotsɔ atɔm bɔmb tsrɔ̃ Hiroshima kple Nagasaki le August 6 kple 9 megbe la, Japan na ta United States kple eƒe kpeɖeŋutɔwo keŋkeŋ le August 15 lia dzi. Aʋa la wu enu mlɔeba. Bebli hafi mete ŋu tsi agbe.\nLe August ƒe nuwuwu la, metrɔ yi mía de Yokohama, gake B-29 bɔmbdalawo gbã míaƒe aƒe gudugudu wòzu afi. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe nye ƒomea vevie. Daanye kple nyruiyɔvinye tsrɔ̃ le dzobibia me. Ke hã alesi tsɛnye te ŋu gbɔ tso aʋa la me dedie na akɔfafa mí.\nTogbɔ be nuwo dome gblẽ keŋkeŋ eye nuɖuɖu nɔ vevem hã la, megagbugbɔ trɔ yi yunivɛsiti be mawu nye sukudede nu. Mewu enu le ƒe ɖeka megbe, eye mekpɔ dɔ. Le ƒe 1953 me la, meɖe Michiko eye míedzi viŋutsuvi eve.\nAlesi Meti Ŋutifafa Yome\nLe ƒe 1974 me la, Michiko te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefo aɖe. Eteƒe medidi o edze woƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me gɔme. Metsi tre ɖe eŋu le alesi wòdona edziedzi ta. Eɖe nume nam be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔa akpa vevi aɖe le ŋutifafa vavãtɔ hehe vɛ me. Mebu eŋu be ne nenemae la ke mele be matsi tre ɖe eŋu o. Ele be mawɔ ɖeka kplii boŋ.\nLe ɣemaɣi lɔƒo la, mexɔ Ðasefo sɔhɛ ʋɛ aɖewo be woadzɔ zã nam. Esi Ðasefo sɔhɛawo va la, mebia nya wo ku ɖe woƒe habɔbɔa kple subɔsubɔdɔa ŋu. Ewɔ nuku nam esi mekpɔ be woƒe agbe to mɔ ɖeka eye ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme le wo si eye woto vovo tso wo tɔ sɔhɛ bubuwo gbɔ. Wosrɔ̃ nɔnɔme mawo tso Biblia me. Wogblɔ be Ðasefo siwo le xexeame godoo medea vovototo amewo me o eye wowɔna ɖe Biblia ƒe sedede be woalɔ̃ Mawu kple wo haviwo dzi bliboe. (Mateo 22:36-40) Wobua wo hatiwo be wonye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, dukɔ ka ke mee woɖatso o.—Yohanes 13:35; Petro I, 2:17.\nMebui le susu me be 'ema menye naneke o nususukpɔ aɖe koe.' Esi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo ta la, esesẽ nam be maxɔe ase be Yehowa Ðasefowo ya to vovo.\nMegblɔ ɖikeke si nɔ menye na wo. Sɔhɛ Ðasefoawo zã Yearbook of Jehovah's Witnesses tsɔ ɖo kpe edzi nam be wode Ðasefo siwo le Germany gaxɔ me eye wowu ɖewo esi womede akpa aɖeke dzi le Hitler ƒe dziɖuɣi o ta. Meva ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔ vavãwo.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃nye ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Mawu dzi to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me le December 1975 me. Wodo Biblia sɔsrɔ̃ ɖe gbɔnye le ɣeyiɣi ma me. Gake esi mede ŋugble le agbanɔamedzi si nɔ dzinye le ganyawo gome, abe vinyewo ƒe sukufe kple míaƒe aƒea ŋu fe xexe ɣleti sia ɣleti ene ŋu la, esia na nyemewɔ afɔɖeɖe aɖeke o. Srɔ̃ŋutsu siwo nɔ hamea me nɔ asi trɔm le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe. Mesusui be woabia nu ma ke tso asinye. Gake esi wofiam alesi woawɔ nuwo wòasɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple ŋutilãmedɔ gome vɔ megbe la, metso nya me mlɔeba be masrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo.\nNyametsotso be Masubɔ Ŋutifafa ƒe Mawu La\nLe nusɔsrɔ̃ ƒe eve megbe la, amesi nɔ Biblia srɔ̃m kplim biam nenye be mebu nye agbe tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu ŋu. Gake megbe ema wɔwɔ eye wòɖea fu nam.\nMenɔ ɖiɖim kabakaba le atrakpui dzi gbeɖeka le nye dɔwɔƒe. Mekli nu hege tso dzi va dze anyi hetsɔ nye ʋuɖome ƒu anyi, eye meyi ɖime. Esi menyɔ la, ta ɖum sesĩe eye wotsɔ dɔnɔkɔʋu kɔm yi ɖe kɔdzii. Togbɔ be nye ʋuɖome te hã la, nyemexɔ abi ɖe ta alo ʋu ɖuɖu ɖe lã me nam o.\nAlekee meda akpe na Yehowa enye esi be wòna metsi agbe! Tso ɣemaɣi dzi yi la, meɖoe kplikpaa be mawɔ nye agbe ŋudɔ atsɔ awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eye metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe nɛ. Le July 1977 la, mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 53. Vinyeŋutsu, Yasuyuki hã srɔ̃ Biblia eye wòxɔ nyɔnyrɔ anɔ ƒe eve megbe lɔƒo.\nƑe ewo le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, mexɔ dzudzɔ le dɔme. Menɔ agbe abe Kristotɔwo ene le ƒe ewo mawo me, henɔ eŋu dɔ wɔm kple nye ŋutilãmedɔa sɔsɔe. Fifia la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu hamemegã le Yokohama, eye mezãa ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Vinyeŋutsu tsitsitɔ nye hamemegã kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le hame aɖe si te ɖe mía ŋu me.\nMeda akpe geɖe be metsi agbe le amedzidzesrafoha ƒe asrafo tɔxɛ kple eƒe kunugbe yiyi me, eye mebui mɔnukpɔkpɔ be mele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe \"fiaɖuƒeŋutinya nyui sia\" me. (Mateo 24:14) Meva kpɔ kakaɖedzi blibo be agbenyuinɔnɔe nye be woanɔ agbe abe Mawu ƒe amewo ene. (Psalmo 144:15) Le xexe yeye si gbɔna kpuie me la, amegbetɔwo magawɔ aʋa gbeɖe o, esi \"dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o\" ta.—Yesaya 2:4.\nNe anye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, madi be mado go amesiwo katã menya eye woku le aʋa la me siwo woava fɔ ɖe tsitre. Anye dzidzɔ nam be magblɔ agbenɔnɔ le ŋutifafa me, si ate ŋu asu wo si le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te le paradisonyigba dzi ŋu nya na wo!—Mateo 6:9, 10; Dɔwɔwɔwo 24:15; Timoteo I, 6:19.\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nEsi menɔ ƒudzisrafo kple yamesrafodɔ me\n[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]\n\"Ohka\"—Ame bɔmb\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\n© CORBIS\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nMía kple nye hatiwo do ŋgɔ na woƒe kunugbea yiyi. Nyee nye ame evelia tso miame, nye ɖeka koe tsi agbe\n[Nɔnɔmetata si le axa 27]\nMía kple srɔ̃nye, Michiko, kpakple mía viŋutsu tsitsitɔ, Yasuyuki\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]\nU.S. National Archives photo","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030308\/Metso-Kunugbe-Va-Ti-%C5%8Autifafad%C9%94-Yome\/","date":"2021-06-13T15:29:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487608856.6\/warc\/CC-MAIN-20210613131257-20210613161257-00470.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993872046,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993872046470642}","num_words":1930,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Wòwɔna na Wò be Womesea Nu Gɔme na Ye Oa?\nANTONIO kpɔ be yetɔtɔ ŋutɔ. Le vome, exɔlɔ̃ vevi Leonardo megadoa vivi ɖe eŋu tututu o eye menya nusitae o. * Le ɣeyiɣi vovovowo me la, melɔ̃ gbe na Antonio o, eye ne wo kplii wole teƒe ɖeka la, fifia ɖeko wòwɔna abe nya aɖee le wo dome ene. Antonio te vɔvɔ̃ be ke ɖewohĩ ɖe yegblɔ nya aɖe alo wɔ nane si gɔme ye xɔlɔ̃a mese o. Gake anye nukae dzɔ?\nNugɔmemasename bɔ ɖe afisiafi. Geɖe nyea nya suewo eye wo gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe. Bubuwo te ŋu ɖea dzi le ame ƒo ŋutɔ, vevietɔ ne wogakpɔtɔ li togbɔ be wodze agbagba ɖesiaɖe be woaɖe wo ɖa hafi. Nukae hea nugɔmemasename vɛ? Aleke gbegbe wògblẽa nu le ame nɔewo ŋui? Nukae nàwɔ ne wose wò nuwɔnawo gɔme bubui? Ðe nusi amewo buna le ŋuwò le vevie ŋutɔŋutɔ ya?\nNusi nu Womate Ŋu Asi le O\nEsi ame bubuwo mate ŋu anya míaƒe tame kple dzime o ta la, madidi hafi ame aɖe nase míaƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna gɔme bubui o. Nusiwo ate ŋu ahe nugɔmemasename vɛ sɔ gbɔ fũ. Ɣeaɖewoɣi la, míegblɔa nusi míesusu eme kɔna nyuie o. Toɣliɖeɖe kple susuhenu bubuwo ate ŋu ana amea ƒe susu manɔ mía ŋu bliboe o.\nAmewo ƒe nuwɔna kple nɔnɔme aɖewo hã ate ŋu ana woase nu gɔme na wo bubui. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abu vɔvɔ̃nɔtɔ alo amesi kpea ŋu vodadatɔe be medoa vivi ɖe ame ŋu o loo alo ekpɔa eɖokui. Nusiwo me ame aɖe to hã ate ŋu ana wòawɔ nu ɖe eƒe seselelãme nu le esi teƒe be wòatsɔ susu abu nua ŋui. Le teƒe vovovo tsotso kple gbegbɔgblɔ ƒe vovototo ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be amewo nase wo nɔewo ƒe nuwɔna gɔme ɣesiaɣi o. Ne míetsɔ nya siwo womese nyuie o gbɔgblɔ kple ameŋulilĩ kpe ɖe nusiawo ŋu la, mawɔ nuku na mí be woase nane si míegblɔ alo wɔ gɔme bubui ɣeaɖewoɣi o. Gake esiawo katã menye akɔfafa aɖeke na amesiwo kpɔ be wose yewoƒe nuwɔna gɔme bubui o.\nLe kpɔɖeŋu me, Anna gblɔ nya aɖe si menye vɔ̃ o tso alesi amewo lɔ̃a exɔlɔ̃ aɖe si menɔ afima o la ƒe nyae ŋu. Nɔnɔme si me wogbugbɔ gblɔ eƒe nyaawo le la na gɔmesese bubu kura va le eŋu, eye ewɔ nuku na Anna eye wòtɔtɔ esime exɔlɔ̃ ma tsɔ dziku bu fɔe le ame geɖewo ŋkume be ebiã ŋu ɖe alesi yeƒe nu nyo zɔhɛ aɖe si nye ŋutsu aɖe ŋui ŋu. Wose Anna ƒe nya me bubui kura, eye agbagba siwo katã wòdze be yeaka ɖe edzi na ye xɔlɔ̃a be yemeɖo susu vɔ̃ aɖeke o la meɖe vi aɖeke o. Nya ma he vevesese geɖe vɛ, eye eteƒe didi hafi Anna te ŋu ɖɔ masɔmasɔa ɖo.\nZi geɖe la, alesi amewo bua wòe edziedzi la nɔ te ɖe alesi wose wò susuwo gɔmee dzi. Eyata esɔ be wòave wò ne wose wò nuwɔnawo gɔme bubui. Ate ŋu aku dzi na wò eye wòawɔ na wò be mele be ame aɖeke nase yeƒe nuwɔna gɔme bubui o. Àbui be ye bubu nenema mesɔ o, be wole vodada dim le ye ŋu, alo be mesɔ le mɔ aɖeke nu o eye wòate ŋu ave wò vevie—vevietɔ ne èdea bubu amesiwo gblɔ nya masɔmasɔ mawo ɖe ŋuwò ƒe nukpɔsusu ŋu.\nTogbɔ be àdo dziku ɖe alesi amewo bua wòe ŋu hã la, esɔ be nàde bubu ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu. Masɔ be Kristotɔ nagbe bubudede amewo ƒe nukpɔsusuwo ŋu o, eye míadi gbeɖe be míaƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna nagblẽ nu le ame bubuwo ŋu o. (Mateo 7:12; Korintotɔwo I, 8:12) Eyata ahiã ɣeaɖewoɣi be nàɖɔ ame aɖe ƒe nukpɔsusu masɔmasɔ si le esi ɖe ŋuwò la ɖo. Gake dzitsitsi fũ be yeƒe nu nadze amewo ŋu nana boŋ be nyaa gblẽna kura si wɔnɛ be ame ŋutɔ kloa bubu le eɖokui ŋu alo naa wòsena le eɖokui me be yeƒe nu menyo amewo ŋu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, asixɔxɔ si le ŋuwò menɔ te ɖe alesi amewo bua wòe dzi o.\nGake ate ŋu adzɔ be nàkpɔe be nya si hem wole ɖe ye ŋu la sɔ. Esia hã ate ŋu ave wò, gake ne èlɔ̃ faa xɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo anukwaretɔe la, aɖe vi na wò, elabena ana nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã.\nNu Gbegblẽ Siwo Te Ŋu Dona Tsoa Eme\nNugɔmemasenamewo ate ŋu azu nya gã loo alo mazui o. Le kpɔɖeŋu me, ne èse ame aɖe le nu ƒom sesĩe le nuɖuɖudzraƒe la, àbu be amea nye nuhala alo be edina be woakpɔ ye. Ðewohĩ menye nenemae o. Ate ŋu anye be amesi wòle nu ƒom na mesea nu nyuie o. Alo àbu fiase me nudzrala aɖe be dzi medzɔ nɛ o, gake ɖewohĩ lãmee menɔ kɔkɔm nɛ o. Togbɔ be nugɔmemasemase ma naa woabu nu masɔmasɔ ɖe ame ŋu hã la, anɔ eme be womagblẽ nu boo alo anɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Gake ɣeaɖewoɣi la, nugɔmemasenamewo ate ŋu ana afɔku nadzɔ. Bu blema Israel-viwo ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ eve ŋu kpɔ.\nEsime Naxas, Amon fia ku la, Dawid dɔ eƒe dɔlawo be woaɖafa na viaŋutsu Xanun si dze dziɖuɖu gɔme ɖe fofoa teƒe. Gake wo bu dɔla siawo be wonye futɔ siwo va ŋku tsa ge le Amon-nyigba dzi, si na Xanum na woɖi gbɔ wo gbã eye emegbe wòɖoe be yeawɔ aʋa kple Israel. Amesiwo ade 47,000 ya teti tsi me—esiawo katã dzɔ le susu nyuiwo gɔmemasemase ta.—Kronika I, 19:1-19.\nDo ŋgɔ wokpɔ masɔmasɔ aɖe gbɔ le mɔ bubu kura nu le Israel ƒe ŋutinya me. Ruben kple Gad ƒe toawo kpakple Manase ƒe to afã la ɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Yordan-tɔsisia nu. Israel-to mamlɛawo bu nusia be enye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa kple aglãdzedze ɖe eŋu. Eyata woƒo ƒu be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu. Hafi woaɖe afɔ vevi sia la, Israel-to mamlɛawo dɔ amewo ɖa be woaɖagblɔ alesi wodo dziku ɖe nusi wobu be enye nuteƒemawɔmawɔ la ŋu na wo. Enyo be wowɔe nenema, elabena vɔsamlekpuia ɖilawo ɖo eŋu be menye yewoƒe susue nye be yewoagbugbɔ le tadedeagu dzadzɛtɔ yome o. Ðe woɖi vɔsamlekpuia boŋ be wòanye yewoƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe ŋkuɖodzikpe. Masɔmasɔ sia ate ŋu ahe ʋukɔkɔɖi gã aɖe vɛ hafi, gake nunya ŋudɔwɔwɔ xe mɔ ɖe dzɔgbevɔ̃e gã sia nu.—Yosua 22:10-34.\nÐe Nya la me le Lɔlɔ̃ ƒe Gbɔgbɔ Me\nNusɔsrɔ̃ le ŋutinya sia ŋu bubu me. Eme kɔ ƒã be nunyanu si wòle be nàwɔe nye be nàkɔ nya la me. Amekae nya ame neni si ƒe agbe ta wokpɔ le nudzɔdzɔ mamlɛa si ŋu míeƒo nu tsoe la me, le esi akpa eveawo ƒo nu na wo nɔewo ta? Le nya akpa gãtɔ me la, amewo ƒe agbe maɖo afɔku me ne mèse nusi nye ame aɖe ƒe susu me o, gake ate ŋu agblẽ mia kplii ƒe xɔlɔ̃dzedze dome. Eyata ne ewɔ na wò be ame aɖe wɔ nusi mesɔ o ɖe ye ŋu la, ɖe nèka ɖe dzi be yele nyaa gɔme sem abe alesi wòle tututu enea, alo èle egɔme sem bubui? Nukae na amea wɔ nu ma? Biae se. Ðe wòwɔ na wò be mese yeƒe nuwɔna gɔme oa? Miƒo nu tso eŋu. Migaɖe mɔ dada naxe mɔ na miaƒe dzeɖoɖo o.\nYesu gblɔ nu vevi aɖe si ta wòle be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ na mí: \"Ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.\" (Mateo 5:23, 24) Eyata nu nyuitɔ si wòle be nàwɔe nye be nàte ɖe amea ŋu, ame bubuwo megage ɖe eme o. Ðeko wòagblẽ nya la ɖe edzi ne agɔdzela va se wò nutsotsowo gbã tso ame bubu gbɔ. (Lododowo 17:9) Ele be wò taɖodzinu nanye ŋutifafawɔwɔ le lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me. Tsɔ tufafa ƒo nu eme nakɔ vodadamadimadileameŋutɔe tso kuxia ŋu egɔme nanya se. Gblɔ alesi nyaa na nèse le ɖokuiwò mee. Eye ɖo to nàse alesi nyawo le tututu le ame evelia gome. Mègatsi dzi nàɖe vodada na amea o. Lɔ̃ faa be yeaxɔ nya si wòagblɔ ne kpeɖodzi mele eŋu o hã. Ðo ŋku edzi be lɔlɔ̃ xɔa \"nuwo katã sena.\"—Korintotɔwo I, 13:7.\nGake ne wokɔ nyawo me vɔ megbe gɔ̃ hã la, vevesese aɖewo alo nusiwo nusia gblẽ la agate ŋu anɔ anyi kokoko. Nukae nàte ŋu awɔ tso eŋu? Le afisi wòhiã le la, kukuɖeɖe anukwaretɔe asɔ tsɔ kpe ɖe afɔɖeɖe bubu si akpɔ nya la gbɔ ŋu. Le nɔnɔme siawo katã me la, ele be amesi dzi wodze agɔa le la nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me dzi: \"Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa tsɔ ke mi faa, NW] la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.\"—Kolosetɔwo 3:13, 14; Petro I, 4:8.\nZi alesi míegakpɔtɔ nye ame madeblibowo la, masɔmasɔwo kple vevesesedonamenuwo akpɔtɔ anɔ anyi. Amesiame ate ŋu awɔ vodada alo agblɔ dzivenyawo alo nya masɔmasɔwo. Biblia gblɔ be: \"Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.\" (Yakobo 3:2) Esi Yehowa Mawu nya esia ta la, etsɔ nufiame siawo na mí: \"Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna. Megalé to hã ɖe amewo ƒe nusiwo katã woƒona la ŋu o, ne màgasee, ne wò dɔla le ɖiŋu dom na wò o. Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã èdo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.\"—Nyagblɔla 7:9, 21, 22.\n\"Yehowae Daa Dziwo Kpɔna\"\nKe ne edze abe ɖe màte ŋu atrɔ ame aɖe ƒe nukpɔsusu gbegblẽ si le esi ɖe ŋuwò o ɖe? Dzi megaɖe le ƒowò o. Yi edzi nàtu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo eye nàɖe wo afia alesi nàte ŋui. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò le afisi wòhiã le. Menye alesi amewo bua wòe dzie asixɔxɔ si le ŋuwò nɔ te ɖo o. Yehowa ɖeka koe te ŋu \"daa dziwo kpɔna\" wòsɔna nyuie. (Lododowo 21:2) Womebu Yesu gɔ̃ hã ɖe naneke me o eye amewo ɖi gbɔe, gake esia megblẽ nu le alesi Yehowa bunɛ ŋu o. (Yesaya 53:3) Togbɔ be ame aɖewo asusu nu masɔmasɔwo ɖe ŋuwò hã la, 'trɔ wò dzi ƒo ɖe Yehowa ŋkume' eye nàka ɖe edzi be esea nu gɔme na wò, elabena 'menye alesi amegbetɔ kpɔa nui ye Mawu kpɔa nui o, elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔna keke dzime ke.' (Psalmo 62:8; Samuel I, 16:7, 8) Ne èyi edzi wɔ nu nyui la, amesiwo bua susu vɔ̃ ɖe ŋuwò ava de dzesi woƒe vodadawo eye woawɔ tɔtrɔwo.—Galatiatɔwo 6:9; Timoteo II, 2:15.\nÈɖo ŋku Antonio si míeyɔ va yi le nyatia ƒe gɔmedzedzea dzia? Elé dzi ɖe ƒo hewɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòte ɖe exɔlɔ̃ Leonardo ŋu hebia nusi wòwɔ si vee lae. Nukae do dzo eme? Leonardo ƒe nu ku. Eɖo eŋu nɛ be Antonio mewɔ naneke kura si le ye vem o, eye wòka ɖe edzi nɛ be menye ɖe yeɖoe be yeawɔ nu ɖe eŋu nenema o. Ne ewɔ abe ɖe yemele vivi dom ɖe eŋu o la, ke ɖewohĩ anye tamebubue. Leonardo ɖe kuku be yewɔ nusi ve ye xɔlɔ̃a le manyamanya me eye wòda akpe nɛ be egblɔe na ye. Egblɔ kpee be yeanɔ ŋute ale be yemagava da vo ma ke o. Masɔmasɔa tɔ ɖe afima, eye xɔlɔ̃ eveawo va le kplikplikpli abe tsã ene.\nMedzɔa dzi na ame aɖeke be womase nu gɔme na ye o. Gake ne èɖe afɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui be yeaɖe nya la me eye nètsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo nye lɔlɔ̃ kple tsɔtsɔke kpɔ nya la gbɔe la, anɔ bɔbɔe be nu nyuiwo nado tso eme na wò hã nenema ke.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]\nNu nyuiwo te ŋu dona tsoa eme ne míetsɔ lɔlɔ̃ kple tsɔtsɔke ƒe gbɔgbɔ ɖe nyawo mee","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010401\/%C3%90e-W%C3%B2w%C9%94na-na-W%C3%B2-be-Womesea-Nu-G%C9%94me-na-Ye-Oa\/","date":"2021-06-13T14:45:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487608856.6\/warc\/CC-MAIN-20210613131257-20210613161257-00506.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986901879,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986901879310608}","num_words":2019,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ!\nLE XEXEAME godoo la, ame geɖe susuna be nusiwo nana wokpɔa dzidzɔ ye nye ʋu yeye aɖe si le tsia dzi ƒe amesinɔnɔ, ga gbogbo si anɔ gadzraɖoƒe na ame, dɔ gã aɖe wɔwɔ, aƒe gã aɖe ƒe amesinɔnɔ, kple elektrik mɔ̃ɖaŋunuwo, kple dzedzeme si nya kpɔ. Gake nunɔamesiwo kple ŋutilã ƒe dzedzemee nana wokpɔa dzidzɔ vavãa?\nTime magazine ƒe nyatakaka tɔxɛ aɖe gblɔ be wole \"numekuku gbogbo aɖewo wɔm le nusi nana wokpɔa dzidzɔ, nusi nana mɔkpɔkpɔ nɔa ame si, kple nusi nana nɔnɔme nyuiwo nɔa ame si ŋu.\" Nusiwo ŋu woke ɖo le numekuku siawo me la wɔ nuku na ame geɖe ŋutɔ. Nusiwo ŋu woke ɖo la katã ɖee fia be amesiwo susunɛ be ga, ŋkɔxɔxɔ, alo nyonyo ye ana yewoakpɔ dzidzɔ la le wo ɖokui blem. Le nyateƒe me la, wole woƒe agbe tum ɖe nusi agblẽ nu le woƒe susu ŋu la dzi, eye esia ate ŋu ana woava lé blanui gɔ̃ hã.\nLe Amerika la, amewo va le kesinɔtɔwo zum wu tsã. Gake Time magazine gblɔ be: \"Esia mena míele dzidzɔ kpɔm wu o.\" Le nyateƒe me la, alea koe wòle le dukɔ bubuwo hã mee. Togbɔ be ganyawo le nyonyom ɖe edzi le China hã la, dzidzɔmakpɔlawo hã le agbɔ sɔm ɖe edzi. Magazine si nye Access Asia, si wotana ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe, gblɔ be \"nusi koŋ le amesiwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 34 la ƒe agbe ɖem ɖae\" nye ameɖokuiwuwu. Edze abe nusiwo gbɔ nɔnɔme sia tso dometɔ ɖekae nye alesi wòle sesẽm na sɔhɛwo be woakpɔ dɔ nyui si ahe ga geɖe vɛ na wo la awɔ ene.\nEdze ƒã be ŋutilãmenudzedziname meɖea dzimaɖitsitsi kple nuteɖeamedzi ɖa o; ɖe wòdzia wo ɖe edzi boŋ. Yunivɛsiti numekuku aɖe gblɔ be: \"Nusi koŋ gbɔ míaƒe seselelãme kple susu me kuxiwo tsoe nye alesi míeva le agbe nɔmee fifia.\" Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala Van Wishard gblɔ be \"nusi koŋ ta dɔwɔƒe geɖe va le nugblẽfe xem ɖo wue nye susu kple seselelãme kuxiwo.\"\nAlesi nuwo le tɔtrɔm kabakabae le míaƒe xexea me la le nu gblẽm le ɖeviwo kura gɔ̃ hã ŋu. Wishard gblɔ be wole agbalẽwo tam azɔ na ƒe-enyi-viwo kura gɔ̃ hã tsɔ le aɖaŋu ɖom na wo le \"alesi woawɔ akpɔ nuteɖeamedzi ƒe dzesiwo ahakpɔ wo gbɔe ŋu.\" Eye numekuku aɖe si wowɔ le blanuiléle ŋu ɖee fia be le Europa kple Amerika dukɔ aɖewo me la, ɖevi 23 sɔŋ ye galéa blanuidɔ le alafa ɖesiaɖe dzi ƒe sia ƒe. Gawu la, \"abɔdzokpoviwo koŋ ye woƒlea blanuilélenutsitike na wu.\"\nVɔvɔ̃ hã le amewo ɖom wu—eye menye le ganyawo ƒe kemalimali ta koe o. Esi dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me nugbɔmewɔlawo le dzidzim ɖe edzi ta la, ame geɖe dzona nyanyanya ne wobu alesi etsɔme ava nɔe ŋu. Ðe kpekpeɖeŋu atso afi aɖe avaa?\nƑe akpe eve aɖewoe nye esi va yi la, Yesu Kristo fia mɔ bubu aɖe si nu woate ŋu anɔ agbe ɖo, si ana ame ƒe dzi nadze eme, eye wòavo tso nuteɖeamedzi geɖe me. Nyateƒenya vevi aɖe nɔ eƒe nufiafiaa me. Egblɔ be: 'Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo me.' (Mateo 5:3) Vavãe, Yesu de dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woatsɔ ɖe le nusi hiã amewo wu me koŋ—si nye nyateƒe si ku ɖe mía Wɔla kple tameɖoɖo si le Esi na mí ŋu.\nAbe alesi nyati siwo kplɔe ɖo ɖee fia ene la, nyateƒenya ma ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nusiwo le vevie, si ana míakpɔ dzidzɔ wu le agbe me. Nyateƒe sia na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã mí.—g4\/06.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]\nŊutilãmenuwoe hea dzidzɔ vɛa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200604\/%C3%80te-%C5%8Au-Akp%C9%94-Dzidz%C9%94-Vav%C3%A3t%C9%94\/","date":"2021-06-25T01:36:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488560777.97\/warc\/CC-MAIN-20210624233218-20210625023218-00582.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991173148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991173148155212}","num_words":601,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nAtikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?\nLÃMEGBEGBLẼ, dɔléle, kple nuveviwɔame nye nusiwo ɖea fu na ameƒomea enuenu. Ame geɖe wɔa atike ne lãmesẽkuxi siawo dometɔ aɖe dze wo dzi. Yesu Kristo de dzesi viɖe siwo ate ŋu anɔ agbagbadzedze mawo ŋu, eye wògblɔ be \"menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko.\"—Luka 5:31.\nAtikewɔlae Biblia ŋlɔla Luka, amesi ŋlɔ nya mawo la nye. (Kolosetɔwo 4:14) Ðewohĩ Luka ƒe atikeŋutinunya ɖe vi aɖewo na apostolo Paulo esime wozɔ mɔ ɖekae. Gake ɖe Ŋɔŋlɔawo na mɔfiame aɖewo le atikewɔmɔnu siwo nyo na Kristotɔwo ŋua? Ðe atikewɔmɔnu si nàtia le veviea?\nŊɔŋlɔawo me Mɔfiamewo\nBiblia ate ŋu afia mɔ ame le nyametsotso si me nunya le wɔwɔ me le atikewɔnyawo me. Le kpɔɖeŋu me, Mose V, 18:10-12 na eme kɔ be nuwɔnawo abe afakaka kple akunyawɔwɔ ene nye \"ŋunyɔnu\" na Yehowa. Nusiawo siwo ŋu wode se ɖo la kpe ɖe 'gbɔgbɔyɔyɔ' si ŋu Paulo xlɔ̃ nu le ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata Kristotɔ vavãtɔwo tsria dɔléle dodokpɔ alo atikewɔmɔnu siwo me gbɔgbɔyɔyɔ le.\nBiblia ɖe asixɔxɔ gã si Wɔla la dea agbe kple ʋu ƒe nukɔkɔenyenye ŋu hã fia. (Mose I, 9:3, 4) Esi Yehowa Ðasefowo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe se si wode be 'míatsri ʋu' dzi ta la, wogbea atikewɔmɔnu siwo nye dada le Biblia ƒe se si nye be míatsri ʋu la dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esia mefia be wogbea atikewɔwɔ ɖesiaɖe o. Ke boŋ wodia atikewɔwɔ nyuitɔ kekeake na woawo ŋutɔ kple wo viwo. Gake wobiana tso atikenyalawo si be woawɔ atike siwo sɔ ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu na yewo.\nLé Ŋku Ðe Wò Afɔɖeɖewo Ŋu\nFia Salomo xlɔ̃ nu be, \"ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.\" (Lododowo 14:15) Ne atikewɔwɔ si woatia menye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi tẽ o hã la, ele be ame 'nalé ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.' Menye atikewɔmɔnuwo katãe ɖea vi o. Menye ɖe Yesu nɔ asi dam ɖe atikewɔmɔnu siwo katã nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la dzi esime wògblɔ be 'dɔlélawo hiã gbedala' o. Enya be atikewɔmɔnu aɖewo nyo eye bubuwo nye ameflunuwo. *\nNenema ke egbea atikewɔmɔnu aɖewo anye nu dzodzro, alo ametafatafa gɔ̃ hã. Ŋumaɖɔɖo ate ŋu ana ame nade eɖokui afɔku me madzemadzee. Ele be woade dzesii hã be ate ŋu adzɔ be atike si xɔ ame aɖe la maxɔ ame bubu o—alo agblẽ nu le eŋu gɔ̃ hã. Ne nunyala le nyametsotso wɔm ku ɖe atikewɔnyawo ŋu la, ade ŋugble le mɔnuawo ŋu nyuie, tsɔ wu be 'wòaxɔ nya sia nya dzi ase,' ne wòle aɖaŋuɖoɖo xɔm tso exɔlɔ̃ siwo si susu nyui le gbɔ gɔ̃ hã. Aɖe 'susuŋudɔwɔwɔ' afia ne edi nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le bene wòate ŋu awɔ tiatia si sɔ.—Tito 2:12.\nNukpɔsusu si Sɔ Nanɔ Asiwò eye Nàda Asɔ\nEsɔ be woatsi dzi ɖe ame ƒe lãmesẽ ŋu. Dzitsitsi si da sɔ ɖe ame ƒe ŋutilã me lãmesẽmenɔnɔ ŋu nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe agbe ƒe nunana kple Mawu si nye Enala ŋu. (Psalmo 36:10) Togbɔ be Kristotɔwo di be woawɔ atike si sɔ na yewo hã la, ele be woada asɔ le lãmesẽnyawo gome. Le kpɔɖeŋu me, ne amesi le lãmesẽ me alesi dze va tsi dzi ɖe lãmesẽmenɔnɔ kple kamedede ŋu wògbɔ eme la, ate ŋu ana wòaŋe aɖaba aƒu 'nusiwo le vevie wu' dzi.—Filipitɔwo 1:10; 2:3, 4.\nNyɔnu aɖe si dze dɔ eye wòtsi dzi vevie le Yesu ƒe ŋkekea me la 'gblẽ nusiwo katã le esi,' tsɔ nɔ gbedada dim na dɔléle si nɔ eŋu ɣeyiɣi didi la. Nukae do tso eme? Le esi teƒe be wòakpɔ dɔyɔyɔ la, ɖeko eƒe nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi, eye anɔ eme be ena wòtɔtɔ ɖe edzi. (Marko 5:25, 26) Ewɔ ɖesiaɖe si wòate ŋui be yeakpɔ gbɔdzɔe, gake medze edzi o. Eƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe afisi atikewɔwɔŋutinunya si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me yi ŋgɔ se ɖo fia. Egbea gɔ̃ hã, togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me hã la, ame geɖe le nɔnɔme ma tɔgbe me. Eyata ele be nukpɔsusu si sɔ nanɔ ame si le nusiwo atikeŋutinunya ate ŋu awɔ ŋu. Womate ŋu anɔ lãmesẽ blibo me fifia o. Kristotɔwo de dzesii be ɣeyiɣi si me Mawu 'ayɔ dɔ dukɔwo' la kpɔtɔ le etsɔme. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Eyata ele be atikewɔnyawo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si.—Filipitɔwo 4:5.\nEdze ƒã be tiatia siwo míewɔna la le vevie. Eyata ne wòva hiã be míawɔ nyametsotso le atikewɔwɔ ŋu la, ele be tiatia si míawɔ naɖe míaƒe didi be míanɔ lãmesẽ me kple míaƒe didi be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu afia. Ne míele ewɔm nenema la, míate ŋu ayi edzi atsɔ dzideƒo anɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be le ŋutikɔkɔe xexe yeye si gbɔna me la, 'duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o,' la ƒe emevava.—Yesaya 33:24.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, le Dioscorides ƒe ƒe alafa gbãtɔ me atikewɔwɔ ŋuti numekugbalẽ me la, egblɔ be asrã dzẽ (jaundice) dada ƒe mɔnu aɖee nye be woano wein kple gbɔmi si woblu! Gake míenya be nuwɔna ma agblẽ dɔnɔa ƒe kuxiwo ɖe edzi godoo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\n\"Atikewɔla La,\" ƒe 1891, si Aƒetɔ Luke Fildes ta\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nTate Gallery, London\/Art Resource, NY","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010108\/Atikew%C9%94w%C9%94-si-N%C3%A0tia-%C3%90e-W%C3%B2le-Veviea\/","date":"2021-06-12T21:23:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487586390.4\/warc\/CC-MAIN-20210612193058-20210612223058-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974118471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997411847114563}","num_words":855,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu ƒe Ƒometɔwo—Amekawoe Wonye?\nLE XEXEAME ƒe akpa geɖe la, ebɔ be nàkpɔ wɔna siwo me Yesu vidzĩe la le dadaa Maria kple Yosef si xɔe nyi la gbɔ wole be lém nɛ lɔlɔ̃tɔe le December me. Yesu dzidzi ŋu wɔna siawo doa dzidzɔ na amesiwo megblɔna be Kristotɔwoe yewonye o gɔ hã. Esi Yesu dzie wɔna siawo hea susu yinae ta la, nukae Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí le Yesu ƒe ŋutilãmeƒometɔwo ŋu?\nƑome nyoameŋu aɖe mee wonyi Yesu le. Ðetugbi nɔaƒe aɖe si ŋkɔe nye Maria ye dzii, eye to esia mee wòva zu amegbetɔƒomea me tɔ le. Biblia gblɔ be woto gbɔgbɔ kɔkɔe dzi trɔ eƒe agbe tso dziƒo de Maria ƒe vidzidɔ me. (Luka 1:30-35) Hafi woado Yesu ƒe fufɔfɔ to nukumɔ dzi ƒe ŋugbe na Maria la, enɔ ŋugbedodo me kple ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, amesi ava xɔ Yesu anyi.\nLe Yesu dzidzi megbe la, Yosef kple Maria dzi vi bubuwo, siwo nye Yesu dadaviwo. Ema dze ƒã le nya si Nazaretetɔwo bia le Yesu ŋu emegbe me be: \"Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye nɔvianyɔnuwo la menye wo katãe le mía dome o ɖe?\" (Mateo 1:25; 13:55, 56; Marko 6:3) Míate ŋu aƒo nya ta tso nya sia me be Yesu ƒe ƒometɔ kplikplikpliwoe nye edzilawo, nɔviaŋutsu ene, kple nɔvianyɔnu eve ya teti.\nKe hã, ame aɖewo mexɔnɛ sena egbea be Yesu nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nye Yosef kple Maria ƒe viwo o. Nukatae? New Catholic Encyclopedia la gblɔ be: \"Tso esime woɖo Sɔlemeha anyi ko la, wofia nu amewo be ɖetugbi nɔaƒee Maria kpɔtɔ nye. Ne nyaa le alea la, ke womate ŋu ake ɖii o be Maria megadzi vi bubuwo o.\" Numekugbalẽ ma ke gblɔ be woate ŋu azã nyagbe \"nɔviŋutsu\" kple \"nɔvinyɔnu\" na \"ame aɖe alo ame aɖewo siwo wɔ ɖeka le subɔsubɔ alo le nu bubu aɖe me\" alo woate ŋu azãe na ƒometɔwo, ɖewohĩ na tasivi-nyruiviwo.\nNenemae nya la le ŋutɔŋutɔa? Katolikotɔ mawunyaŋununyala aɖewo siwo melɔ̃ ɖe blemanufiafia la dzi o, gɔ̃ hã da asi ɖe nukpɔsusu si nye be ŋutilãmenɔviwo le Yesu si la dzi. John P. Meier, si nye Catholic Bible Association of America (Amerikatɔwo ƒe Katoliko Biblia Habɔbɔ) ƒe tatɔ tsã ŋlɔ be: \"Le Nubabla Yeyea me la, ne wozã Helagbe me nya adelphos [nɔviŋutsu], menye le kpɔɖeŋumɔ nu alo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me o ke boŋ be woafia ƒomedodo si le ame aɖe kple ame bubu dome alo ƒomedodo aɖe si le se nu la, nusi wòfia koe nye tɔ ɖeka nɔ ɖeka alo dadavi alo fofoviwo eye megafiaa nu bubu aɖeke o.\" * Ẽ, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le Yesu si amesiwo Yosef kple Maria dzi.\nNyanyuigbalẽawo ƒo nu tso Yesu ƒe ƒometɔ bubuwo ŋu, gake mina míahe susu yi Yesu ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo dzi ahakpɔe ɖa be nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ hã.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 \"The Brothers and Sisters of Jesus in Ecumenical Perspective,\" si J. P. Meier ŋlɔ, The Catholic Biblical Quarterly, January 1992, axa 21.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031215\/Yesu-%C6%92e-%C6%91omet%C9%94wo-Amekawoe-Wonye\/","date":"2021-06-17T18:44:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630518.38\/warc\/CC-MAIN-20210617162149-20210617192149-00242.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987850785,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987850785255432}","num_words":511,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"28 \"Klosalokuƒe li,Eye sikalóloƒe hã li;+ 2 Wokua gayibɔ le to me,Eye kpe mee wolóloa* akɔbli tsonae.+ 3 Amegbetɔ xɔa ŋusẽ le viviti si;Wodia tomenu* le goawo katã me keŋkeŋ,Le blukɔ kple viviti tsiɖitsiɖi me. 4 Woɖe do wòyi to ʋĩi tso amenɔƒe gbɔ,Teƒe siwo metsɔ afɔ gbɔ o, siwo mele nyanya o;Afi mae ame siwo wotsi ɖe yame la saa agba ɖiɖina yina. 5 Anyigba la dzie nuɖuɖu miena ɖo;Ke woguglua anyigbaa tume abe ale si dzo guglua nui ene.* 6 Eƒe kpewo mee safir-kpe le,Eye eƒe kewɔ mee sika le. 7 Xe ƒonu aɖeke menya afi ma mɔ o;Eye aʋako ƒe ŋku hã mekpɔe kpɔ o. 8 Lã wɔadã meto edzi kpɔ o;Dzata meka afɔ edzi kpɔ o. 9 Amegbetɔ tsɔa asi gbaa kpe sesẽwo;Eɖea kè le towo te womuna. 10 Eɖea mɔ+ ɖe agakpewo tome;Eye eƒe ŋkuwo kpɔa nu xɔasi ɖe sia ɖe. 11 Exea mɔ na tsi ƒe toƒewoEye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nui. 12 Ke nunya ya, afi kae woakpɔe le,+Eye afi kae nye gɔmesese hã tsoƒe?+ 13 Amegbetɔ aɖeke menya ale si gbegbe wòxɔ asii o,+Eye womekpɔnɛ le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. 14 Tsi goglo la be: 'Mele menye o!' Atsiaƒu hã be: 'Mele gbɔnye o!'+ 15 Womate ŋu atsɔ sika nyuitɔ aƒlee o;Eye womate ŋu ada klosalo ɖe eƒe home nu o.+ 16 Womate ŋu atsɔ Ofir sika aƒlee o,+Alo atsɔ oniks-kpe kple safir-kpe xɔasiwo aƒlee o. 17 Womate ŋu atsɔ sika kple ahuhɔ̃e asɔ kplii o;Eye womate ŋu atsɔ sikaze nyuitɔ aɖɔlii o.+ 18 Womayɔ adzagba kple kristalo-kpe ŋkɔ gɔ̃ hã ɖe eŋu o,+Elabena nunya kotoku ɖeka xɔ asi wu dzonu xɔasi kotoku ɖeka. 19 Womate ŋu atsɔ Kus ƒe topaz-kpe+ asɔ kplii o;Womate ŋu atsɔ sika nyuitɔ gɔ̃ hã axe fe ɖe eta o. 20 Ke afi ka gɔ̃e nunya dzɔ tso,Eye afi kae nye gɔmesese hã tsoƒe?+ 21 Ele ɣaɣla ɖe agbagbeawo katã ƒe ŋkuwo,+Eye wòle ɣaɣla ɖe dziƒoxe dzodzoewo hã. 22 Tsɔtsrɔ̃ kple ku hã be:'Wobewobe koe míese kple to.' 23 Mawue nya egbɔ mɔ;Eya koe nya enɔƒe,+ 24 Elabena eyae kpɔa anyigba ƒe mlɔenuwo ke,Eye wòkpɔa nu siwo katã le dziƒoa te.+ 25 Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ* anyi+Eye wòdzidze tsiwo,+ 26 Esi wòwɔ ɖoɖo na tsidzadza+Eye wòɖe toƒe na ahom kple dziɖegbe la,+ 27 Ɣemaɣi kee wòkpɔ nunya, eye wòɖee fia;Eɖoe anyi, eye wòdzro eme kpɔ. 28 Eye wògblɔ na amegbetɔ be: 'Kpɔ ɖa! Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya,+Eye vɔ̃tsitsri ye nye gɔmesese.'\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wotrɔa.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Wodia kpe.\"\n^ Anɔ eme be nya sia ku ɖe tomenukuku ŋu.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ya ƒe kpekpeme.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/28\/","date":"2021-06-21T08:05:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488268274.66\/warc\/CC-MAIN-20210621055537-20210621085537-00394.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985494614,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985494613647461}","num_words":401,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.132,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 29 va se ɖe October 26, 2014 la le tata sia me.\nÐe wòle be nyati siwo katã kluvi nuteƒewɔlaa tana nasu ame si hafi wòate ŋu ali ke le nyateƒea mea?\nKpɔ nu si do tso aglãdzedze le Eden bɔa me la me na ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Xlẽ nu tso nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo siwo nɔ anyi le blema ŋu. Eye kpɔ ale si nyɔnu Kristotɔ aɖewo le asi kpem ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu egbea hã.\nYehowa Ðasefowo katã dina be yewoakpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖidɔa me. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàzã Mawu ƒe Nya si ŋu ŋusẽ le kple míaƒe traktwo nyuie le nya nyuia gbɔgblɔ me la ɖa.\nEle vevie be míate ɖe Yehowa ŋu. Kpɔ ale si Yesu ƒe vɔsaa kple Biblia la ɖo kpe edzi na mí be Yehowa tea mí ɖe eɖokui ŋu.\nNyati sia ana míakpɔ nu si ta wòle vevie be míaɖo to Yehowa ahanɔ gbe dom ɖa nɛ. Míakpɔ nu si míawɔ be Satana kple míaƒe dzodzro vɔ̃wo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi be míagbe toɖoɖo Yehowa o.\nNe nɔviŋutsu aɖe nye hamemetsitsi tsã gake mɔnukpɔkpɔ ma do le esi la, ɖe wòagate ŋu 'aminya dzikpɔladɔa' akea?\nEsi Yesu gblɔ be ame siwo woafɔ ɖe tsitre \"meɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana be woaɖe hã o\" la, anyigba dzi tsitretsitsia ŋue wònɔ nu ƒom tsoea?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nWowɔ \"Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia\" la ƒe totoɖeme sia be woate ŋu aɖee afia amewo le kɔƒenuto siwo me elɛktrikŋusẽ mele o gɔ̃ hã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140815\/","date":"2021-06-24T18:22:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488556482.89\/warc\/CC-MAIN-20210624171713-20210624201713-00114.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967012405,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967012405395508}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO November 8, 2003 Tomemi Alesi Wòle Vevie na Wòe Tomemi—Alekee Wokunɛ? Tomemi—Yayra Kple Fiƒode Wònyea? Tomemi—Ava Vɔ Gbaɖegbea? Dɔlékui Maseatikewo Aleke Gbegbee Ŋɔdzia Keke Tae? Dɔlékui Maseatikewo—Alesi Wowɔ Trɔ Gbɔ Ɣeyiɣi si me Dɔlékuiwo Magagblẽ Nu le Ame Aɖeke Ŋu O Ne Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Dzinyelawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te? Agbe Si Ŋu Tameɖoɖo le Gɔmeɖoɖo Anyi Na Ðokuinye","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031108\/","date":"2021-06-23T12:07:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488538041.86\/warc\/CC-MAIN-20210623103524-20210623133524-00550.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987596273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987596273422241}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.13,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! January 2006 Na Míaƒe Nuxlẽlawo Ðe Nuwo Anyo Le Etsɔme Wua? Afikae Xexe Sia Ðo Tae? Ðe Biblia Ði Gbɔ Nyɔnuwoa? Ta aɖe si ƒe Tsiwo Biãa? Ahamuame Mazamazã Nyuie Ele Nu Gblẽm Le Hadome Ŋutɔ Ahamuame Mazamazã Nyuie Gblẽa Nu Le Ame Ƒe Lãmesẽ Ŋu Vovo Tso Ahatsunono Me Ðe Wòle Be Míaƒe Srɔ̃ɖeɖea Nanɔ abe Amesiame Tɔ Enea? Mawu Kpe Ðe Mía Ŋu \"Míeɖo Ŋku . . . Gbegãdziwo Dzi!\" Gomabolo Braziltɔwo ƒe Nuɖuɖu Vevi Aɖee Aleke Nàɖo Wo Ŋui?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200601\/","date":"2021-06-13T06:20:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487600396.21\/warc\/CC-MAIN-20210613041713-20210613071713-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981933236,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981933236122131}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.139,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aɖaŋuɖoɖo si Nyo Wu Ðesiaɖe Didi\nEDZROA ame vevie be yeanɔ agbe si me dzidzeme le. Aɖaŋuɖoɖo nyui kple edzi wɔwɔ koe ana agbe ma ƒomevi nasu mía si le xexe vɔ̃ɖi sia me. Ke hã, amegbetɔwo melɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo nyui ɣesiaɣi o. Ame geɖewo gblɔ be ele be woana ablɔɖe ame wòawɔ nusi dze eŋu. Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be Satana, ame gbãtɔ si tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la, do ablɔɖe ŋugbe na amegbetɔ gbãtɔwo. Mose I, 3:5 ƒo nu tso alesi wògblɔ eƒe nyatsɔɖeameŋua na Xawa ŋu be: \"Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu [sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ƒe] ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.\"\nÐe Adam kple Xawa te ŋu nɔ agbe dzidzedzetɔe, afɔku manɔmee, to nusi woa ŋutɔwo susu be enyo wɔwɔ dzi le ema megbea? Kura o. Nusiwo do tso woƒe gbɔgblɔ be yewonya nyui kple vɔ̃ me na wo la na dzi ɖe le wo ƒo. Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o wòsɔ eye wodze blibomademade ƒe agbenɔnɔ sesẽ si ahe ku vɛ na wo mlɔebae la gɔme. (Mose I, 3:16-19, 23) Ku gblẽa nu le mí katã mía ŋu. Biblia gblɔ be: \"To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.\"—Romatɔwo 5:12.\nTogbɔ be nu nyui aɖeke medo tso tiatia si Adam kple Xawa wɔ me o hã la, ame geɖewo gali kokoko egbea siwo mekpɔe dze sii be nunya le eme be woawɔ ɖe amegbetɔ Wɔla ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi o. Ke hã, Biblia gblɔ be: 'yetso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye yenyo,' eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be 'míade blibo keŋkeŋ, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.' (Timoteo II, 3:16, 17) Le nyateƒe me la, míakpɔ dzidzɔ wu ne míewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ƒomegbenɔnɔ nye teƒe siwo esia wɔa dɔ le dometɔ ɖeka.\nNuteƒewɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me\nLe Biblia ƒe nya nu la, Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa. (Mose I, 2:22-24; Mateo 19:6) Ŋɔŋlɔawo gagblɔ kpe ɖe eŋu be \"womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o,\" si fia be mele be woatsɔ agbegbegblẽnɔnɔ agblẽ ɖekawɔwɔ sia me o. (Hebritɔwo 13:4) Ðewohĩ ènyae be ame geɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe meɖo dzidzenu sia gbɔ o. Ame aɖewo nɔa ahiãmo ɖom na amesiwo menye wo srɔ̃wo o le dɔme. Ame bubuwo hã dana alakpa na woƒe ƒomea me tɔwo ne woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi anɔ zɔzɔm kplikplikpli kple ame bubu siwo menye wo srɔ̃wo o. Ame aɖewo gblẽ wo srɔ̃ ɖi kura gɔ̃ hã heʋu va tsi ame aɖe si wɔ ɖetugbi wu gbɔ hegblɔna be wo gbɔ nɔnɔ naa yewogakpɔa yewo ɖokuiwo ɖekakpuiwoe wu eye yewokpɔa dzidzɔ wu, abe alesi wòdzɔ ɖe Verónica si ŋu nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me dzii ene.\nKe hã, didi vevie be woadze ame ɖokui ŋu eɖanye nuka kee ema abia o mahe dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa vɛ o. Ronald ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu. Esi wòsusu be yeate ŋu ana nuwo nanyo na ye wu ta la, egblẽ srɔ̃a ɖi heʋu va tsi nyɔnu si woa kpli wonɔ ahiã wɔm le adzame ƒe ade eye wòdzi vi eve nɛ xoxo la gbɔ. Gake esi wògbe srɔ̃a vɔ megbe kpuie la, eƒe lɔlɔ̃tɔ yeyea dzo le egbɔ! Mlɔeba la, Ronald yi ɖatsi edzilawo gbɔ. Egblɔ tso eƒe nɔnɔmea ŋu be ɖeko yeva zu \"yakame.\" Kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia. Ðokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia na be srɔ̃gbegbe kple ƒomewo ƒe gbagbã le dzidzim ɖe edzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe eye wòna ame gbogbo aɖewo—tsitsiwo kple ɖeviwo siaa—le fu kpem.\nGake wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. Alea wònɔ le Roberto gome amesi gblɔ be: \"Meda akpe be Biblia kpe ɖe ŋunye be nyemegbe srɔ̃nye o. Míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míena tetekpɔ si nye zɔzɔ kple amesi menye mía srɔ̃ o, ne amesia dze tugbe ŋutɔ kura gɔ̃ hã, ɖu mía dzi o. Nufiame si mexɔ tso Biblia me kpe ɖe ŋunye be mede asixɔxɔ srɔ̃nye, amesi meɖe ƒe geɖewoe nye esia ŋu.\" Biblia ƒe nuxlɔ̃menya si gblɔ be \"megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ [alo ɖetugbimesrɔ̃] ŋu o\" kpɔ ŋusẽ ɖe Roberto ƒe agbenɔnɔ dzi. (Maleaxi 2:15) Mɔ bubu kawo hã nue Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe vi na mí le?\nHehenana Mía Viwo\nƑe geɖe aɖewoe nye esi va yi la, wogblɔ be mele be dzilawo naxe nu geɖe ƒe mɔ na wo viwo o. Edze ɣemaɣi abe ɖe nunya le eme be woaɖe asi le ɖeviwo ŋu woa ŋutɔwo natso nya me ku ɖe alesi woazã woƒe susu ahawɔ nue ŋu ene. Taɖodzinuae nye be woagaxe mɔ ɖe woƒe ŋgɔyiyi azu ame tsitsiwo nu o. Le teƒe aɖewo kura gɔ̃ hã la, wogbɔdzɔ hehenana ɖoɖowo me, eye nusiwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye be woɖe mɔ na sukuviwo be woa ŋutɔwo natiae ne woava suku ɣeaɖewoɣi alo womava o kple ɣeyiɣi didi si woatsɔ aɖe modzakae alo atsɔ srɔ̃ nui. Suku siawo dometɔ ɖeka ƒe ɖoɖoe nye \"be woaɖe mɔ na ɖeviwo ne woaɖe woƒe seselelãmewo katã afia esi ame tsitsi aɖeke matso nya me na wo ahado kplamatse wo o.\" Le egbeŋkekeawo me la, amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖola aɖewo le nya ʋlim kokoko le viɖe si le amehehe aɖewo ƒomevi ŋu, ne dzilawo kpɔe be ehiã be woatsɔ tohehe ana lɔlɔ̃tɔe kura gɔ̃ hã.\nNukae do tso eme? Ame geɖe xɔe se be mɔɖeɖe ɖe nusianu ŋu le vihehe me na ablɔɖe ɖeviwo fũ akpa. Wobui be esia gbɔe nuvlowɔwɔ kple atikevɔ̃ɖizazã ƒe dzidziɖedzi tso. Esi wowɔ numekuku aɖe le United States la, ame abe 70 ene le alafa me gblɔ be yewosusu be dzilawo mele mɔfiame nam ɖeviwo kple sɔhɛwo alesi dze o. Ame geɖe gblɔ be \"dzilawo ƒe alɔgblɔdɔwɔwɔ le wo viwo hehe ŋu\" tae tudada le suku kple nuvlowɔwɔ dziŋɔ bubuwo le edzi yim le ƒewuiviwo dome ɖo. Eye ne afɔku wɔnublanuiwo medzɔ kura gɔ̃ hã o la, dzilawo kple ɖeviwo siaa le vihehe vodadatɔe me tsonuwo ƒe fu kpem.\nNukae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na dzilawo be woazã woƒe ŋusẽ le lɔlɔ̃ me gake woawɔe moveviɖoɖotɔe hã. Biblia gblɔ be: \"Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.\" (Lododowo 22:15) Le nyateƒe me la, ele be tohehe si dzilawo nana la nasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu. Ele be tufafa, ɖokuidziɖuɖu, kple ameŋububu nakpe ɖe tohehe ɖesiaɖe si woana la ŋu. Ne wowɔe nenema la, ema afia be wolɔ̃ ɖeviawo. Ðewohĩ ne dzilawo wɔ woƒe ŋusẽ ŋudɔ le lɔlɔ̃ me, ke menye le ŋutasesẽ me o la, woakpɔ dzidzedze.\nWode dzesii be aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔwɔwɔ ɖea vi. Ŋutsu aɖe si woyɔna be Arturo si le Mexico, si xɔ ƒe 30 eye wòɖe srɔ̃ nyitsɔ laa gblɔ be: \"Fofonye na eme kɔ na mía kple nɔvinyewo nyuie be ye kple danye sie ŋusẽ le le ƒomea me. Womehena ɖe megbe le tohehe na mí me gbeɖe o. Gake wokpɔa ɣeyiɣi ɖoa dze kpli mí ɣesiaɣi. Fifia si metsi la, mekpɔ ŋudzedze ɖe alesi mele agbe nɔmee la ŋu eye menya be esi mexɔ mɔfiame nyui va yi tae.\"\nNa Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ Kekeake Naɖe Vi Na Wò\nAɖaŋuɖoɖo si xɔ asi wu ɖesiaɖe le Mawu ƒe Nya Biblia la me. Menye ƒomegbenɔnɔ ɖeɖe dzaa ŋu koe wònaa mɔfiame tsoe o. Ekpena ɖe mía ŋu le mɔ vovovowo nu elabena efiaa mí alesi míawɔ nue le xexe si me ame akpa gãtɔ melɔ̃na be nunya si tso Nunyatsoƒe kɔkɔtɔ nafia mɔ wo hena woa ŋutɔwo ƒe nyonyo o.\nAmegbetɔƒomea Wɔla, Yehowa Mawu na kakaɖedzi sia to hakpala Dawid dzi be: \"Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.\" (Psalmo 32:8) Èbu nusi wòfia be Wɔla la ƒe ŋkuwo nanɔ mía ŋu be wòakpɔ mía ta tso afɔkuwo me ŋu kpɔa? Gake nya si mía dometɔ ɖesiaɖe abia eɖokui enye: 'Ðe malɔ̃ ɖokuibɔbɔtɔe axɔ mɔfiafia si Yehowa nana be wòakpɔ tanyea?' Eƒe Nya la gblɔ na mí lɔlɔ̃tɔe be: \"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.\"—Lododowo 3:5, 6.\nTogbɔ be ehiã na agbagbadzedze kple ɖokuitsɔtsɔna be woanya Yehowa hã la, ewɔwɔ le bɔbɔe to Biblia ƒe kpekpeɖeŋu dzi. 'Agbe, si li fifia kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo le' agbemɔ si ƒomevi wòkafu na mí be míatia la ŋu. Ne ède ŋugble tso asixɔxɔ si le agbe sia ŋu la, àkpɔe be viɖenu gã wònye nyateƒe.—Timoteo I, 4:8; 6:6.\nNe Biblia ƒe nunya kple yayra siwo ado tso eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me dzro wò la, ekema na Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu nanye nu vevitɔ na wò le agbe me. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbeme kuxiwo nu dzidzedzetɔe fifia kple le etsɔme. Gakpe ɖe eŋu la, agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me, afisi Yehowa afia nu amesiame le, eye woakpɔ ŋutifafa gbogbo aɖe la ƒe mɔkpɔkpɔ asu asiwò.—Yesaya 54:13.\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nBiblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu atu srɔ̃ɖenublablaa ɖo\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nBiblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyo na mɔfiame, metea dzidzɔkpɔkpɔ hã ame o\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nAmesiwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ate ŋu anɔ agbe si da sɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040815\/A%C9%96a%C5%8Bu%C9%96o%C9%96o-si-Nyo-Wu-%C3%90esia%C9%96e-Didi\/","date":"2021-06-24T10:15:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488552937.93\/warc\/CC-MAIN-20210624075940-20210624105940-00448.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988014102,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988014101982117}","num_words":1565,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"20 Eye Abraham ʋu tso afi ma+ yi Negeb, eva nɔ Kades+ kple Sur+ dome, eye wònɔ Gerar+ hã vie. 2 Abraham gblɔna tso srɔ̃a Sara ŋu enuenu be: \"Nɔvinyee.\"+ Esia ta Gerar-fia Abimelek dɔ woyi ɖakplɔ Sara vɛ nɛ.+ 3 Emegbe Mawu va Abimelek gbɔ le drɔ̃eƒe le zã me hegblɔ nɛ be: \"Kpɔ ɖa, èku vɔ, le nyɔnu si nèxɔ la ta,+ elabena ame srɔ̃e wònye.\"+ 4 Ke Abimelek mede asi eŋu o. Eye wògblɔ be: \"Yehowa, dukɔ maɖifɔ* hãe nàtsrɔ̃a? 5 Menye ɖe wògblɔ nam be, 'Nɔvinyenyɔnue' oa? Eye ɖe nyɔnua ŋutɔ hã megblɔ be, 'Nɔvinyeŋutsue' oa? Nye dzi me kɔ, eye nye asi me dza le nya sia me.\" 6 Eye Mawu vavã la gblɔ nɛ le drɔ̃e me be: \"Menyae be wò dzi me kɔ le nu sia wɔwɔ me, eya tae mexe mɔ na wò be nàgawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò nèka asi eŋu o ɖo. 7 Azɔ gbugbɔ ŋutsua srɔ̃ ɖo ɖee, elabena nyagblɔɖila+ wònye, ne wòaƒo koko ɖe tawò+ be nàtsi agbe. Ke ne mègbugbɔ nyɔnua ɖo ɖee o la, nyae be ku kee nàku, wò ŋutɔ kple wò amewo katã.\" 8 Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eƒe subɔviwo katã, eye wògblɔ nya siawo katã na wo. Eye ameawo vɔ̃ ŋutɔ. 9 Eyome Abimelek yɔ Abraham biae be: \"Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nu vɔ̃ kae mewɔ ɖe ŋuwò be nèhe vɔ̃ gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe la dzi? Mèwɔ nu ɖe ŋunye nyuie kura o.\" 10 Eye Abimelek gabia Abraham be: \"Nu kae nèɖo ɖe tame hafi wɔ nu sia?\"+ 11 Abraham gblɔ be: \"Esi mebu be, 'Ame aɖeke mevɔ̃a Mawu le afi sia o, eye woawum axɔ srɔ̃nye' tae.+ 12 Gake nɔvinyee wònye vavã, fofonye ƒe vie wònye meɖe,+ gake menye danye ƒe vie o. 13 Esi Mawu na míeʋu tso fofonye ƒe me hele tsatsam la,+ megblɔ nɛ be, 'Ale si nàve nunyee nye esi: Afi sia afi si míayi la, gblɔ tso ŋunye be: \"Nɔvinyee.\"'\"+ 14 Eye Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo, subɔviŋutsuwo kple subɔvinyɔnuwo na Abraham, eye wòɖe asi le srɔ̃a Sara hã ŋu nɛ. 15 Eye Abimelek gblɔ be: \"Kpɔ ɖa, nye anyigbae nye esi. Nɔ afi sia afi si nyo ŋuwò.\" 16 Eye wògblɔ na Sara be: \"Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na nɔviwòa.+ Esiae metsɔ kpata wò* le ame siwo katã le ŋuwò kpakple ame bubuwo katã ŋkume be, ŋutiwò kɔ tso vlododo me.\" 17 Ale Abraham ƒo koko na Mawu vavã la; eye Mawu yɔ dɔ Abimelek kple srɔ̃a kpakple eƒe kosiwo, ale be wote ŋu dzi vi, 18 elabena Yehowa xe nyɔnu siwo katã le Abimelek ƒe aƒe me la ƒe vidzidɔ keŋkeŋ le Abraham srɔ̃ Sara ta.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dzɔdzɔe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Esiae nye ŋkudzitsyɔnu na wò.\" Enye Hebritɔwo ƒe adagana aɖe si fia be woɖo kpe edzi le se nu be womeklo bubu le nyɔnu ƒe ŋkɔ ŋu o, ne amewo nanyae be amea meɖi fɔ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/20\/","date":"2021-08-02T00:07:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154277.15\/warc\/CC-MAIN-20210801221329-20210802011329-00158.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992206097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999220609664917}","num_words":482,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8 \"Tsɔ kpẽ ɖo nu!+ Futɔ aɖe ho ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, egbɔna abe hɔ̃ ene,+Elabena wotu nye nubabla+ la, eye woda nye se la dzi.+ 2 Wole ɣli dom nam be, 'Oo mía Mawu, mí Israel míedze si wò!'+ 3 Israel tsɔ nu nyui ƒu gbe.+ Futɔ neti eyome. 4 Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o. Woɖo amegãwo, ke nyemedze si wo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legba na wo ɖokuiwo,+Hena woawo ŋutɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃.+ 5 Oo Samaria, wotsɔ wò nyivi la ƒu gbe.+ Nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu.+ Ɣekaɣie woava zu ame maɖifɔwo?* 6 Elabena Israel ye esia tso. Aɖaŋudɔwɔlae wɔe, menye Mawue o;Woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu. 7 Elabena ya ƒãmee wole,Eye ahom ye woaxa.+ Nuku mele bo dzi le afi aɖeke o.+Nuku si wɔ la, made na wɔtutu o. Ne ɖe wɔ hã la, amedzrowo* ahae aɖu.+ 8 Woami Israel.+ Azɔ woava nɔ dukɔwo dome,+Abe nugoe si ŋu dɔ womagawɔ o ene. 9 Elabena woyi Asiria,+ abe gbetedzi tsiakogo ene. Efrayim da ahiãviwo.+ 10 Togbɔ be woda wo tso dukɔwo dome hã la,Maƒo wo nu ƒu azɔ;Woakpe fu+ le agba si fiawo kple amegãwo do na wo la ta. 11 Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ be wòatsɔ awɔ nu vɔ̃e.+ Wozu vɔsamlekpui hena nu vɔ̃ wɔwɔ.+ 12 Meŋlɔ nye se* la me nya geɖewo nɛ,Ke wobu wo nu tutɔwoe.+ 13 Wotsɔa lã saa vɔe be wòanye nunana nam, eye woɖua lã la,Ke woƒe nu medzea Yehowa ŋu o.+ Azɔ aɖo ŋku woƒe vodada la dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.+ Wogbugbɔ* yi Egipte.+ 14 Israel ŋlɔ Ewɔla+ be, eye wòtu gbedoxɔwo,+Yuda hã tso du sesẽwo.+ Gake maɖo dzo ɖe eƒe duwo me,Ne wòafiã woƒe xɔ tsralawo.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Ɣekaɣie wo ŋu adza?\"\n^ Alo, \"ame tutɔwo.\"\n^ Alo, \"nufiafia.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Woatrɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hosea\/8\/","date":"2021-08-01T11:22:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154175.76\/warc\/CC-MAIN-20210801092716-20210801122716-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979026914,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979026913642883}","num_words":292,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"35 Emegbe Mawu gblɔ na Yakob be: \"Tso nàyi Betel,+ eye nànɔ afi ma, eye nàɖi vɔsamlekpui na Mawu vavã si ɖe eɖokui fia wò esime nèle sisim le nɔviwò Esau nu la ɖe afi ma.\"+ 2 Eye Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple eŋumewo katã be: \"Miɖe dutamawu siwo katã le mia dome la ɖa,+ mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye miɖɔli miaƒe awuwo, 3 eye mina míatso ayi Betel. Maɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu vavã, ame si tɔ nam le nye xaxagbe henɔ kplim le afi sia afi si meyi la.\"+ 4 Eya ta wotsɔ dutamawu siwo katã le wo si kple togɛ siwo le to na wo la na Yakob, eye Yakob ɖi* wo ɖe ati gã si gogo Sekem dua la te. 5 Esi wodze mɔ yina la, Mawu ƒe ŋɔdzi lé du siwo ƒo xlã wo godoo la, ale be wometi Yakob viwo yome o. 6 Mlɔeba Yakob kple ame siwo katã le eŋu la va ɖo Luz,+ si wogayɔna be Betel, le Kanaan-nyigba dzi. 7 Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma heyɔ teƒe la be El-Betel,* elabena afi mae Mawu vavã la ɖe eɖokui fiae le esime wòsi le nɔvia nu.+ 8 Emegbe Debora,+ ame si na no Rebeka la ku, eye woɖii ɖe Betel lɔƒo le logoti aɖe te. Eya ta ena ŋkɔe be Alon-Bakut.* 9 Mawu gaɖe eɖokui fia Yakob esime wòtrɔ tso Padan-Aram gbɔna, eye wòyrae. 10 Eye Mawu gblɔ nɛ be: \"Ŋkɔwòe nye Yakob.+ Womagayɔ wò be Yakob azɔ o, ke boŋ wò ŋkɔ anye Israel.\" Eye wòde asi eyɔyɔ me be Israel.+ 11 Eye Mawu gagblɔ nɛ be: \"Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ.+ Dzi nàsɔ gbɔ. Dukɔwo kple dukɔwo ƒe ha gã aɖe ado tso mewò,+ eye fiawo ado tso mewò.*+ 12 Matsɔ anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la ana wò, eye matsɔ anyigba la ana wò dzidzimevi siwo ava ɖe yowòme.\"+ 13 Eye Mawu dzo le egbɔ le afi si wòƒo nu kplii le la heyi dzi. 14 Eya ta Yakob ɖi dzesikpe, si nye ŋkuɖodzikpe, ɖe afi si wòƒo nu kplii le, eye wòkɔ nunovɔsa ɖe edzi hekɔ ami ɖe edzi.+ 15 Eye Yakob yɔa teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la be Betel.+ 16 Azɔ woho tso Betel. Eye esi woɖo teƒe aɖe si didi tso Efrat gbɔ la, Rahel de asi kuléle me, ke via dzidzi sesẽ nɛ ŋutɔ. 17 Esi via dzidzi nɔ sesẽm nɛ la, vixela la gblɔ nɛ be: \"Mègavɔ̃ o, elabena ŋutsuvi dzi gee nègale.\"+ 18 Esime eƒe agbe nu nɔ tsotsom* la (elabena enɔ kukum), ena ŋkɔe be Ben-Oni,* ke fofoa yɔe be Benyamin.*+ 19 Ale Rahel ku, eye woɖii esime wole mɔ dzi yina Efrat, si wogayɔna be Betlehem.+ 20 Eye Yakob tu dzesikpe ɖe eƒe yɔdo dzi, esiae nye dzesikpe si le Rahel ƒe yɔdo dzi va se ɖe egbe. 21 Ema megbe Israel ho, eye wòva tu eƒe agbadɔ ɖe Eder mɔ́a godo. 22 Gbe ɖeka esime Israel le avɔgbadɔ me le anyigba ma dzi la, Ruben yi ɖadɔ fofoa ƒe ahiã Bilha gbɔ, eye Israel see.+ Ke viŋutsu wuieve le Yakob si. 23 Lea viŋutsuwoe nye Ruben,+ si nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isakar kple Zebulon. 24 Rahel viŋutsuwoe nye Yosef kple Benyamin. 25 Rahel ƒe subɔvi Bilha viŋutsuwoe nye Dan kple Naftali. 26 Eye Lea ƒe subɔvi Zilpa viŋutsuwoe nye Gad kple Aser. Ame siawoe nye Yakob viŋutsu siwo wodzi nɛ le Padan-Aram. 27 Mlɔeba Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre+ le Kiriat-Arba si wogayɔna be Hebron, afi si Abraham kple Isak nye amedzro le kpɔ.+ 28 Eye Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi.+ 29 Emegbe Isak ƒe gbɔgbɔ nu tso eye wòku, eye wotsɔe kpe ɖe eƒe amewo* ŋu, etsi, eye agbenɔnɔ ɖi kɔ nɛ;* eye via Esau kple Yakob ɖii.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ɣla.\"\n^ Egɔmee nye \"Betel Ƒe Mawu.\"\n^ Egɔmee nye \"Konyifalogoti.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tso wò ali me.\"\n^ Alo, \"eƒe luʋɔ nɔ dodom.\"\n^ Egɔmee nye \"Nye Nuxaxavi.\"\n^ Egɔmee nye \"Nuɖusimevi.\"\n^ Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"etsi xɔ ƒe geɖe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/35\/","date":"2021-08-02T00:31:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154277.15\/warc\/CC-MAIN-20210801221329-20210802011329-00554.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994071722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999407172203064}","num_words":652,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"48 Mise nya sia, Yakob ƒe aƒe,Mi ame siwo yɔa Israel ƒe ŋkɔ ɖe mia ɖokui ŋu,+Eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsiwo* me,Mi ame siwo tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le atam kam,+Eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ŋkɔ,Togbɔ be menye le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o hã.+ 2 Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokuiwo ŋu,+Eye wodia Israel ƒe Mawu,+Si ŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa, ƒe kpekpeɖeŋu. 3 \"Megblɔ blemanyawo* na mi tso gbe aɖe gbe ke. Nye ŋutɔ nye nu mee wodo tso,Eye mena wosee.+ Mewɔe zi ɖeka kpata, eye wova eme.+ 4 Elabena menya ale si wò dzi me sẽe,Wò kɔ lia abe gakpo ene, eye wò ŋgonu nye akɔbli,+ 5 Megblɔe na wò tso gbe aɖe gbe ke. Mena nèsee hafi wova dzɔ,Ne màgagblɔ be: 'Nye legbae wɔe;Nye nu kpakpɛ kple nye galegbae* na wòdzɔ o.' 6 Èsee, eye nèkpɔ nu siawo katã. Ðe màɖe gbeƒãe oa?+ Tso fifia dzi la, maɖe gbeƒã nu yeyewo na mi,+Nu ɣaɣla siwo wodzra ɖo, siwo mienya o la. 7 Fifiae mele wo wɔm, eye menye tso blema o,Miese wo ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o,Ne màgagblɔ be: 'Kpɔ ɖa! Menya wo xoxo' o. 8 Ao, mèsee kpɔ o,+ mènyae o,Eye wò to meʋu tsã o. Elabena menyae be ame mawɔnuteƒee nènye,+Eye woyɔa wò be 'vodala tso esime wodzi wò.'+ 9 Ke malé nye dziku nu le nye ŋkɔ ta,+Malé ɖokuinye le ŋuwò le nye kafukafu ta,Eye nyematsrɔ̃ wò o.+ 10 Kpɔ ɖa! Medza ŋuwò, ke menye abe klosalo ene o.+ Medo wò kpɔ* le fuwɔame ƒe nulólokpo me.+ 11 Mawɔe le nye ŋutɔ tanye, ɛ̃ nye ŋutɔ tanyee mawɔe ɖo,+Elabena nu ka tae maɖe mɔ woado vlom?+ Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe na ame bubu aɖeke o.* 12 Oo Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom. Ame ma koe meganye.+ Nyee nye gbãtɔ; eye nye kee nye mlɔetɔ.+ 13 Nye ŋutɔe tsɔ nye asi ɖo anyigba gɔme anyi,+Eye nye nuɖusie he dziƒowo me.+ Ne meyɔ wo la, wo katã wova tsia tsitre ɖi. 14 Mi katã miƒo ƒu, ne miasee. Wo dometɔ kae gblɔ nya siawo? Yehowa lɔ̃ eya amea.+ Awɔ nu si wòlɔ̃ la ɖe Babilon ŋu,+Eye eƒe alɔ ava Kaldeatɔwo dzi.+ 15 Nyee ƒo nu, eye meyɔe.+ Mekplɔe vɛ, eye eƒe mɔwo adze edzi.+ 16 Mite ɖe ŋunye, ne miase nya sia. Tso gɔmedzedzea me ke la, nyemeƒo nu le bebeme o.+ Mele eteƒe esime wòva eme.\" Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa dɔm kple eƒe gbɔgbɔ. 17 Ale Yehowa, Ame si gbugbɔ wò ƒle, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔe nye esi: \"Nye Yehowae nye wò Mawu,Nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò,*+Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.+ 18 Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe!+ Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene,+Eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.+ 19 Anye ne wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ke ene,Eye viwòwo asɔ gbɔ abe kekuiwo ene hafi.+ Womaɖe woƒe ŋkɔ ɖa alo atsrɔ̃e ɖa le ŋkunyeme o.\" 20 Mido go tso Babilon!+ Misi le Kaldeatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒãe! Mina woasee!+ Mina wòade anyigba ƒe mlɔenu ke.+ Migblɔ be: \"Yehowa gbugbɔ eƒe subɔla Yakob ƒle.+ 21 Esi wòkplɔ wo to gbegbe la, tsikɔ mewu wo o.+ Ena tsi do tso agakpe me na wo;Efe agakpe hena tsi si tso eme bababa.\"+ 22 Yehowa be: \"Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"Yuda ƒe dzidzime.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"nu gbãtɔwo.\"\n^ Alo, \"legba si melólo ga kɔ̀.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Metia wò.\"\n^ Alo, \"Nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o.\"\n^ Alo, \"be eme nanyo na wò.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/48\/","date":"2021-08-05T08:19:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046155458.35\/warc\/CC-MAIN-20210805063730-20210805093730-00698.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994800687,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994800686836243}","num_words":577,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Todzimɔ dzi Hadzidzi. Salomo ƒe ha. 127 Ne Yehowa metu xɔ o la,Dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.+ Ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la,+Dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ. 2 Dzodzroe miefɔna fɔŋli,Tsoa hloloe ʋuu va se ɖe fiẽ,Le abolo si miaɖu la ko ŋuti,Elabena ekpɔa ame siwo wòlɔ̃na la ƒe hiahiãwo gbɔ na wo, eye wònana wokpɔa alɔ̃ dɔna.+ 3 Kpɔ ɖa! Viŋutsuwo* nye domenyinu tso Yehowa gbɔ;+Vidzidɔ me kutsetse nye fetu tso egbɔ.+ 4 Ale si aŋutrɔwo le kalẽtɔ si mee la,Nenemae ɖekakpuime viŋutsuwo le.+ 5 Dzidzɔtɔe nye ŋutsu si wole daku me na taŋ.+ Ŋu makpe wo o,Elabena woate ŋu akpe nya kple futɔwo le dugbo la me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Viwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/127\/","date":"2021-07-31T17:25:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154099.21\/warc\/CC-MAIN-20210731172305-20210731202305-00036.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990868568,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999086856842041}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔnɔme donuxaxanamewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe mía dzi. Woate ŋu axɔ míaƒe susu me, woate ŋu ana míagbɔdzɔ, eye woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua agbee dzi gɔ̃ hã. Blema Israel Fia David to fukpekpe geɖe me le agbe me. Aleke wòwɔ do dzi? David ŋutɔ ɖo eŋu le eƒe psalmo wɔdɔɖeamedzi aɖe me be: \"Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa. Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋkume, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋkume. Ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu la, ènyaa tonyeƒe.\" Esia fia be David doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe.\nLe ɣeyiɣi sesẽwo me la, David do gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe\nDavid dzi ha le psalmo bubu me be: \"Nu ɖeka mebia Yehowa\nNya \"atsyɔ̃\" do ƒome kple 'nu si nyo alo dze ame ŋu henaa dzidzeme ame, alo nu si nya kpɔna na ŋku.' David kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ƒe ɖoɖo siwo Mawu wɔ ŋu ɣesiaɣi. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, 'Ðe nye hã mesena le ɖokuinye me abe David enea?'\n'KPƆ ŊUDZEDZE' ÐE MAWU ƑE ÐOÐOWO ŊU\nLe míaƒe ŋkekea me la, Yehowa meɖo teƒe aɖe koŋ ɖi be afi mae míayi hafi ate ɖe ye ŋu o. Ke boŋ Mawu ɖo eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã anyi\nBu numevɔsamlekpui si wotsɔ akɔbli wɔ si nɔ takpegbadɔa ƒe mɔnu ŋu kpɔ. (2 Mose 38:1, 2; 40:6) Vɔsamlekpui ma tsi tre ɖi na ale si Mawu lɔ̃ faa be yeaxɔ Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbe abe vɔsa ene. (Heb. 10:5-10) Wò ya kpɔ ale si gbegbe esia ɖea vi na míi ɖa! Apostolo Paulo gblɔ be: \"Woto Via ƒe ku me dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo.\" (Rom. 5:10) Ne míexɔ Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi dzi se la, ekema Mawu ave mía nu ahaka ɖe mía dzi abe exɔlɔ̃wo ene. Eye esia ana Yehowa nabɔ ha kpli mí.\nEsi 'wotutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa' ta la, míekpɔa 'dzidzemeɣiwo tso Yehowa gbɔ.' (Dɔw. 3:19) Míaƒe nɔnɔmea le abe gamenɔla si wotso kufia na, si se veve ɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ ta, eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ esi wòle lalam be woawui la ene. Esi ʋɔnudrɔ̃la dɔmenyolaa kpɔ esia la, eɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ ƒe fɔbubu le edzi\nKPƆ DZIDZƆ ÐE TADEDEAGU VAVÃTƆ ŊU\nTadedeagu ƒe wɔna siwo teƒe David kpɔ le Yehowa ƒe aƒe me dometɔ aɖewoe nye Israel viwo ƒe ƒuƒoƒo le ha me, Sea xexlẽ kple emedzodzro le dutoƒo, dzudzɔ ʋeʋĩ dodo kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe si nunɔlawo kple Lewi viwo wɔna. (2 Mose 30:34-38; 4 Mose 3:5-8; 5 Mose 31:9-12) Tadedeagu ƒe wɔna siwo wowɔ le blema Israel la tɔgbiwo yia edzi egbea hã.\nEgbea la, 'aleke wònyo, eye wòvivinae nye esi, ne nɔviwo le afi ɖeka' abe ale si ko wònɔ le blema ene! (Ps. 133:1) Míaƒe xexea me katã ƒe \"nɔviwo ƒe habɔbɔ\" la dzi ɖe edzi ale gbegbe. (1 Pet. 2:17) Woxlẽa Mawu ƒe Nya la heɖea eme le dutoƒo le míaƒe kpekpewo me. Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi wɔ nufiafia ƒe ɖoɖo nyuiwo na mí. Wotaa agbalẽ geɖe siwo me Biblia ƒe nufiame gbogbo aɖewo le siwo míazã le ɖokuisi kple ƒome nusɔsrɔ̃wo me. Dɔdzikpɔha me tɔ ɖeka gblɔ be: \"Ŋugbledede tso Yehowa ƒe Nya la ŋu, gɔmesese si le eŋu ŋu bubu kpakple nunya kple gɔmesese didi na gbɔgbɔmekesinɔnuwo bɔ ɖe asinye kpaŋ, eye nye dzi dzea eme ne mefɔ.\" Vavãe, 'sidzedze ate ŋu avivi míaƒe luʋɔ nu.'\nEgbea, gbe siwo Mawu subɔlawo dona ɖa na Yehowa la dea dzi gbe sia gbe. Gbedodoɖa mawo le na Yehowa abe dzudzɔ ʋeʋĩ si ʋẽna lilili ɖee ene. (Ps. 141:2) Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míe nye esi be Yehowa Mawu kpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe mía ŋu ne míete ɖe eŋu hedo gbe ɖa nɛ le ɖokuibɔbɔ me!\nMose do gbe ɖa be: \"Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe dɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mí.\" (Ps. 90:17) Ne míewɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe la, Yehowa yrana ɖe míaƒe asinudɔwo dzi. (Lod. 10:22) Ðewohĩ míekpe ɖe ame aɖewo ŋu wova srɔ̃ nyateƒea. Alo ɖewohĩ míedo dzi le subɔsubɔdɔa wɔm ƒe geɖee nye esia togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le nya la me o, lãmegbegblẽ ɖea fu na mí, míaƒe dzi gbãna, alo wotia mía yome hã. (1 Tes. 2:2) Ke hã, ɖe míekpɔ \"Yehowa ƒe atsyɔ̃\" hede dzesii be mía Fofo si le dziƒo la kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu geɖe ŋutɔ oa?\nDavid dzi ha be: \"Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; èlé nye dzidzenu ɖe asi. Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam.\" (Ps. 16:5, 6) David da akpe ɖe eƒe \"domenyinu,\" si nye ƒomedodo nyui si le eya kple Yehowa dome kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòasubɔe, la ta. Abe David ene la, míetea ŋu toa fukpekpe geɖe me, gake gbɔgbɔmeyayra geɖewo su mía si. Eya ta mina míayi edzi akpɔ dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu, eye míakpɔ \"ŋudzedze ɖe\" Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ la ŋu ɣesiaɣi.\n^ mm. 6 Kpɔ July 1, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14-24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140215\/yehowa-%C6%92e-atsy%C9%94%CC%83\/","date":"2021-07-24T20:05:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046150308.48\/warc\/CC-MAIN-20210724191957-20210724221957-00672.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970394373,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970394372940063}","num_words":821,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"16 Miɖo agbo ɖe anyigbadziɖula la,Mikplɔe tso Sela miato gbegbeAyi Zion vinyɔnu ƒe to la dzi. 2 Abe xevi si wonya le eƒe atɔ me ene la,+Nenemae Moab vinyɔnuwo anɔ le Arnon tɔtsoƒewo.+ 3 \"Mide adaŋu, miwɔ nyametsotso la dzi. Mina miaƒe vɔvɔli le ŋdɔkutsu dzatsɛ nanɔ abe zã ene. Miɣla ame siwo ka hlẽ la; migade sisila aɖeke asi o. 4 Oo Moab, na nye ame siwo ka hlẽ la nanɔ mewò. Nànye bebeƒe na wo tso nugblẽla la si me.+ Ameteɖeanyila nu ayi,Gbegblẽ la nu atso,Ame siwo le amewo fanyam la atsrɔ̃ ɖa le anyigba la dzi. 5 Ekema woatsɔ lɔlɔ̃ mavɔ ali ke fiazikpui aɖe. Ame si abɔbɔ nɔ edzi le David ƒe agbadɔ me la anye nuteƒewɔla;+Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòatso kpla ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.\"+ 6 Míese Moab ŋkɔ be edana—edana ŋutɔ+—Míese eƒe ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe dɔmedzoedodo;+Gake eƒe numeɖiɖi azu dzodzro. 7 Eya ta Moab afa na Moab.Moabtɔwo katã afa avi sesĩe.+ Ame siwo woƒo la afa konyi vevie ɖe Kir-Hareset+ ƒe waintsetse ƒuƒu kɔwo ta. 8 Elabena Hesbon+ ƒe toŋugblewo yrɔ,Sibma+ ƒe wainkawo,Dukɔwo ƒe dziɖulawo fanya eƒe alɔ siwo dzi waintsetse nyuitɔwo le;Wode Yazer+ ke;Wovu ɖo gbegbe. Eƒe alɔwo vu va ɖo atsiaƒu la gbɔ ke. 9 Esia tae mafa avi le Sibma ƒe wainka ŋu abe ale si mefa na Yazer ene. Oo, Hesbon kple Eleale,+ mafa aɖatsi ɖe mia dzi,Elabena ɣli si wodona ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo ŋu la nu yi.* 10 Woɖe dzidzɔ kple aseyetsotso ɖa le atikutsetsebɔ la me,Eye aseyetsotso alo ɣli aɖeke mele ɖiɖim le waingblewo me o.+ Wainfiãla megafiãa wain le wainfiãnuwo me o.Elabena metsi ɣlidodo nu.+ 11 Esia tae nye dɔme le gbe ɖem ɖe Moab+ ŋuAbe saŋku ƒe ɖiɖi ene,Eye nye ƒodome hã le gbe ɖem ɖe Kir-Hareset+ ŋu. 12 Ne nu te Moab ŋu belibeli le togbɛ la dzi, eye wòva eƒe nuxeƒe la be yeado gbe ɖa hã la, eƒe gbedodoɖaa maɖe vi aɖeke o.+ 13 Esiae nye nya si Yehowa gblɔ ɖe Moab ŋu tsã. 14 Azɔ Yehowa gblɔ be: \"Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe apaɖila ƒe ƒe ene la,* woaɖi gbɔ Moab ƒe atsyɔ̃ le zitɔtɔ ƒomevi geɖewo me, eye ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ, eye womaɖi naneke o.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"Elabena aʋaɣli ɖi ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo dzi.\"\n^ Alo, \"abe ale si apaɖila bua ƒee ene.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/16\/","date":"2021-09-27T22:22:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058552.54\/warc\/CC-MAIN-20210927211955-20210928001955-00633.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983107448,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983107447624207}","num_words":381,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 211\nStanza 1\nNye enye agbebolo la,\nSi etso dziƒo va mía gbɔ,\nBe mí katã míakpɔa-gbe.\nAme si ke xɔ dzi se la,\nDɔ megale ewu ge o\nHalase tegbetegbee.\nYesu gblɔ be:\nMíakp agbe, agbe mavɔ,\nNe míenya ɖua\nAgbebolo la kple xɔse.\nStanza 2\nWein, si no ge míala fifia,\nEyae nye ʋu, si mena mi\nLe nu vɔ̃ keke ŋuti.\nAme si le agbe dim la,\nLakpɔ agbe la le gbɔnye\nGbea-ɖe gbe le dziƒo ke,\nAgbe mavɔ!\nXɔe, ne nàno, nye ŋ'tɔ ƒe ʋu,\nSi mekɔ ɖi\nLe míaƒe nu vɔ̃wo ŋuti.\nStanza 3\nMi 'me siwo dɔ le mia wum,\nMi 'me siwo ƒe lãme tu\nLe hiã, si tu mi, ŋuti;\nMi 'me siwo tsikɔ wuwum,\n'Me siwo gbafa le ƒoƒom\nEye nu te mía ŋuti:\nYesu yɔ mí:\nMiva ye gbɔ, bene miaxɔ\nAgbetsi la,\nAgbebolo la hã dzodzro!\nStanza 4\nYesu Kristo, mía xɔla gã,\nMíel'a-kpe dam na wò vevie\nMíalɔ̃ wò tegbetegbee!\nEsi nèku ɖe mía teƒe\nHetsɔ ɖokuiwò hena mí,\nBe míakpɔ agbe mavɔ!\nKafukafu\nMíetsɔ na wò, mía Aƒetɔ,\nLe nuɖuɖu\nKple nunono kɔkɔe sia ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-211\/","date":"2021-09-23T18:10:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00609.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999132216,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991322159767151}","num_words":186,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. Kora viwo ƒe ha.+ Hadzidzi. 85 Oo Yehowa, ève wò anyigba la nu;+Èkplɔ Yakob ƒe ame siwo woɖe aboyoe la gbɔe.+ 2 Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada ke;Ètsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã ke wo.*+ (Sela) 3 Èlé wò dɔmedzoe katã nu;Èɖo asi wò dziku helĩhelĩ la dzi.+ 4 Oo Mawu, míaƒe xɔnametɔ, gaɖo mí te,*Eye mègana míaƒe nu naku dzi na wò o.+ 5 Ðe dzi aku wò ɖe mía ŋu tegbeea?+ Ðe nàlé wò dziku ɖi tso dzidzime yi dzidzimea? 6 Ðe màgagbɔ agbe míNe wò dukɔ la nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?+ 7 Oo Yehowa, ve mía nu,+Eye nàxɔ na mí. 8 Maɖo to ase nya si gblɔ ge Mawu vavã Yehowa le,Elabena agblɔ ŋutifafanya na eƒe dukɔ,+ na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la;Ðeko womegatrɔ zu ame siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi akpa o.+ 9 Nyateƒee, eƒe xɔname tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ,+Ne eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba la dzi. 10 Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ ado go wo nɔewo;Dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo.+ 11 Nuteƒewɔwɔ amie tso anyigba me,Eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒowo.+ 12 Ɛ̃, Yehowa ana nu nyuiwo mí,*+Eye míaƒe anyigba awɔ nu.+ 13 Dzɔdzɔenyenye adze eŋgɔ,+Eye wòata mɔ na eƒe afɔtoƒewo.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi.\"\n^ Alo, \"gbugbɔ kplɔ mí gbɔe.\"\n^ Alo, \"ana nu nadze edzi na mí.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/85\/","date":"2021-09-27T06:36:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00503.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996758461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967584609985352}","num_words":216,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.125,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 237\nStanza 1\nWò ŋ'tɔ ènya fukpekpe kple hiãtutu,\nSi yɔ míaƒe dzi míetsɔ vɛ na wò;\nEgbe ƒe vɔ̃ kple 'tsɔ ƒe dzimaɖiwo.\nMíeʋu nu vɔ̃ me le tsɔtsɔke biam:\nMíedze klo ɖe wò fiazkpui la ŋgɔ,\nLe kuku ɖem bena: Wò ŋ'tɔ ènyae!\nStanza 2\nWò ŋ'tɔ ènya ƒe geɖe, siwo metra\nLe viviti kple nublanui gã me;\nAle si wò, nye kplɔla nyui la, nèdim\nEye nètsɔm ɖe wò abɔwo me;\nÈbla ny'a-biwo eye woku nam;\n'Ye megakpɔ agbe kpakple ŋusẽ.\nStanza 3\nWò ŋ'tɔ ènya tetekpɔ kpakple ʋiʋli,\nSi egbeŋkeke sia hã he vɛ nam,\nKonyifafa, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanya,\nSi nètsɔ nyɔa viwò lɔlɔ̃tɔwoe.\nMado dzi atsɔ nye vevewo kpoo;\n'Labena menya be: Wò ŋ'tɔ ènyae!\nStanza 4\nWò ŋ'tɔ ènya dzidzɔ kple ŋutifafa,\nSi le mía dzɔm le fu siawo megbe.\nDzidzeme vavã le gbɔwò nɔnɔ me,\nNe xexeame ƒe fuwo nu va yi.\nO gbɔɖeme vivi, si míava kpɔ,\nNe míeɖo gbɔwò la, wò ŋ'tɔ ènyae.\nStanza 5\n'Ya ta míeva le wò yɔyɔ nyui la nu,\nHetsɔ mía nu vɔ̃wo ɖo ŋkuwò me.\nWò Aƒetɔ, si ku ɖe mía nu vɔ̃ ta,\nSe míaƒe gbe, 'yi kpɔ mía nublanui;\nBe míawo hã míado awu ɣiwo,\nAdzi kafuha na wò mavɔ me!\nAmen","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-237\/","date":"2021-09-27T08:23:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974530935,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974530935287476}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMawu ƒe dɔlawo\nKɔ woƒe gbe dzi boo!\nLe eƒe zikpui gbɔ\nKɔkɔetɔwo tsyɔ̃a mo anyi,\nLe ha dzim nɛ kple gbe vivi:\nMawu kɔkɔe nènye!\nYehowa Zebaot!\nStanza 2\nMi katã hã mídzi\nHa vivi be wòaɖi\nAyi ɖe dziƒo ʋĩ!\nHa sia naɖi l' afi kple dzi!\nAkpedada na Mawuvi!\nBubu na Mawuvi,\nSi va ɖe mí,\nKu le Golgata dzi!\nStanza 3\nNe Kristo,m mía ɖela,\nAɖi tso dziƒo va,\nBe wòadrɔ ʋɔnu la\nNuvɔ̃lawo woaɖi vo;\nKe etɔwo akpɔ dzidzɔ.\nWoadzi ha nyui bena\nHaleluya!\nDzadzadza, mía ɖela!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-14\/","date":"2021-09-28T15:50:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780060877.21\/warc\/CC-MAIN-20210928153533-20210928183533-00344.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994271994,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994271993637085}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 71\nStanza 1\nMawu ƒe lɔlɔ̃ sɔ gbɔ,\nEƒe Tenuvi ɖeka,\nWòtsɔ hena bena nye\nKpli wò siaa míakpɔ agbe.\nStanza 2\nAgbe mavɔmavɔtɔ\nMawu Fofo ɖo mí na.\nAgbe mavɔ la Mawu\nVi la he vɛ na mí 'gbe.\nStanza 3\nMawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la\nLe mía hem na agbe sia.\nAɖam vi, dzɔ dzi, Kristo\nGaʋu Eɖen bɔ na wò!\nStanza 4\nKafukafu kple akpe\nMíele nàwòm, Mawu gã,\nMawu Fofo, Vi kple Gbɔgbɔ,\nXɔ mí wɔ tɔwòwoe ɖaa!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-71\/","date":"2021-09-27T06:25:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957411885,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957411885261536}","num_words":78,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.115,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMina míakafu mía Mawu Fofo, si naa 'gbe mí\nEye wòkpɔa mía dzi gbe sia gbe va se ɖe fifi!\nMawu kplɔa mí\nToa eƒe mɔ dzɔdzɔe dzi\nÐea mí tsoa fuwo katã me.\nStanza 2\nMina míakafu mía ɖela,\nsi ɖe mí tso vɔ̃a me!\nMina míakafui le eƒe lɔlɔ̃ manyagblɔ ta!\nMidzi ha nɛ\nEya kpe fu ɖe mía ta\nBe míakpɔ agbe mavɔ la.\nStanza 3\nMikafu Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si\nna agbe yeye mí!\nEdea gbedodoɖa kpakple dzixɔse mía dzi me.\nGbɔgbɔ Kɔkɔe,\nVa nànɔ míaƒe dzi me\nEye nàkplɔ mí gbe sia gbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-24\/","date":"2021-09-20T06:11:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982134104,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982134103775024}","num_words":96,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 282\nStanza 1\nKristo ƒe dzɔdzɔenyenye ko,\nEya enye nye atsyɔ̃wu;\nYa matsɔ do de Mawu gbɔ,\nNe manya de dziƒo la ko.\nStanza 2\nYesu si gblɔ be Xɔsetɔ\nMeyia ʋɔnudrɔdrɔ̃ me o,\nEya mea dzi ko mexɔ se;\nEya tsɔ nye nu vɔ̃wo kem.\nStanza 3\nAlẽvi kɔkɔe maɖifɔ,\nSi woklã ɖe atikɔgo,\nSi ku de nye nu vɔ̃wo ta,\nEya ko nye nye Aƒetɔ.\nStanza 4\nMexɔe se, 'ƒe ʋu xɔasi la\nSɔ gbɔ de nu vɔ̃wo keŋ nu,\nEsɔ gbɔ dze Mawu ŋu hã\nTso mavɔ me yi mavɔ me.\nStanza 5\nYa ta ʋu sia ko hã lanye\n'Kɔfafa kple mɔkpɔkpɔ nam.\nYesu ƒe abiwo ko ŋu\nManɔ agbe 'ye maku ɖo.\nStanza 6\nNe dzodzro vɔ̃ɖi aɖe va,\nMawu aɖi nam, be mayae;\nMagblɔ be: Tawoe, ɛ̃, tawoe\nNye xɔla ku laɔ̃ti ŋu ɖo!\nStanza 7\nWò agbefia Yesu Kristo,\nMawu ƒe Tenu ɖeka la,\nKpɔ nublanui na xexeame,\nNayra tɔwòwo katã hã","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-282\/","date":"2021-09-23T18:01:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00167.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980307817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980307817459106}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia-sɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo Ànye Nublanuikpɔla? Srɔ̃ nu tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu me. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi eye nàtae, xlẽ Biblia me ŋutinyaa, eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene! Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Woɖɔ Wò Ðo Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Natan ɖo aɖaŋu na David me? Tsri Dzodzro Vɔ̃wo Wɔ dɔdeasi sia eye nàkpɔ Biblia me ŋutinya si ku ɖe David kple Bat-Seba ŋu la me nudzɔdzɔwo le susu me ɖaa. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya Xlẽ Biblia me ŋutinya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wu la ɖa. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Ànye Nublanuikpɔla? BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO Ànye Nublanuikpɔla? Eʋegbe Ànye Nublanuikpɔla? https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013181\/univ\/art\/502013181_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/samariat%C9%94-havil%C9%94%CC%83la-nublanuikp%C9%94la\/","date":"2021-10-16T04:18:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323583408.93\/warc\/CC-MAIN-20211016013436-20211016043436-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952673316,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952673316001892}","num_words":143,"character_repetition_ratio":0.104,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðewohĩ ènya be Biblia gblɔ be xexea awu enu. (1 Yohanes 2:17) Ðe esia fia be amegbetɔ aɖeke maganɔ anyigba dzi oa? Ðe anyigbaa ava tsi ƒuƒlu, alo woatsrɔ̃e keŋkeŋua?\nBIBLIA ÐO BIABIA EVE SIAWO ŊU BE AO!\nNu kae Mawu Enu O?\nAMEGBETƆWO\nNya Si Biblia Gblɔ: Mawu 'mewɔ anyigba la dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.'—YESAYA 45:18.\nANYIGBAA\nNya Si Biblia Gblɔ: \"Dzidzime nu yina, eye dzidzime vana, ke anyigba ya li tegbee.\"—NYAGBLƆLA 1:4.\nNU SI WÒFIA: Le Biblia ƒe nya nua, womatsrɔ̃ anyigbaa gbeɖe o, amewo anɔ edzi ɣesiaɣi. Ke nu kae wòfia be xexea awu enu?\nBU EŊU KPƆ: Biblia tsɔ ale si xexe sia awu enua sɔ kple nu si dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me. Ɣemaɣia, \"ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi fũu.\" (1 Mose 6:13) Gake Noa ya nye ame dzɔdzɔe. Eya ta Mawu kpɔ eya kple eƒe ƒomea ta gake etsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le tsiɖɔɖɔa me. Biblia gblɔ tso nu si dzɔ ɣemaɣia ŋu be: 'wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee.' (2 Petro 3:6) Nenemae xexea wu enu ɣemaɣi. Gake nu kae wotsrɔ̃? Menye anyigbaa o, ke boŋ ame vɔ̃ɖi siwo nɔ edzi ye. Eya ta ne Biblia gblɔ be xexea awu enua, mefia be woatsrɔ̃ anyigbaa o. Ke boŋ efia be woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo le anyigbaa dzi kple woƒe habɔbɔwo.\nNu Kae Awu Enu?\nKUXIWO KPLE NU VƆ̃ÐI WƆWƆ\nNya Si Biblia Gblɔ: \"Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\"—PSALMO 37:10, 11.\nNU SI WÒFIA: Le Noa ƒe ŋkekea mea, Tsiɖɔɖɔa meɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa keŋkeŋ o. Le Tsiɖɔɖɔa megbea, ame vɔ̃ɖiwo gana agbea sesẽ na ame sia ame. Gake eteƒe madidi o, Mawu aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa keŋkeŋ. Abe ale si hakpalaa gblɔe enea: \"Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o.\" Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa—Fiaɖuƒe sia nye dziɖuɖu si le dziƒo eye aɖu ame siwo katã ɖoa to Mawu dzi.\nBU EŊU KPƆ: Ðe ame siwo le dzi ɖum le anyigba dzi egbea alɔ̃ abɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea tea? Biblia ɖee fia be womalɔ̃ o. Ke boŋ woatsi tre ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu bometsitsitɔe. (Psalmo 2:2) Nu kae ado tso eme? Mawu Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa, eye \"eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.\" (Daniel 2:44) Gake nu ka tae wòahiã be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nu nayi?\nNU SI HI×Amegbetɔwo Ƒe Dziɖuɖuwo Ðeɖe Ða\nNya Si Biblia Gblɔ: \"Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.\"—YEREMIYA 10:23.\nNU SI WÒFIA: Womewɔ amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o. Womete ŋu le wo nɔvi amegbetɔwo dzi ɖum nyuie o, eye womete ŋu le woƒe kuxiwo hã gbɔ kpɔm o.\nBU EŊU KPƆ: Agbalẽ si nye Britannica Academic gblɔ be: \"Edze be dziɖuɖuwo mete ŋu le xexea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔm o; eƒe ɖewoe nye ahedada, dɔwuame, dɔléle, dzɔdzɔmefɔkuwo, aʋawɔwɔ alo ŋutasẽnuwɔna bubuawo.\" Eyi edzi be: \"Ame aɖewo . . . xɔe se be ne dziɖuɖu ɖeka le xexe bliboa dzi ɖum ko hafi woate ŋu akpɔ ta na kuxi mawo.\" Ke hã, ne amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã wɔ ɖeka be yewoaɖu xexea dzi gɔ̃ hã, amegbetɔ madeblibowo koe wokpɔtɔ nye, eye womate ŋu aɖe kuxi siwo míeyɔ va yia ɖa gbeɖe o. Mawu Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ keŋkeŋ.\nEya ta le Biblia ƒe nya nua, xexea ƒe nuwuwu fia ale si woava ɖe nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe si li egbea ɖa; esia menye nu si wòle be ame nyuiwo navɔ̃ na o. Enye nu si wòle be woanɔ mɔ kpɔm na boŋ, elabe Mawu ƒe xexe yeyea, si nya kpɔ ŋutɔa ava xɔ ɖe xexe xoxo dzeakaɖa sia teƒe!\nƔekaɣie nu siawo katã adzɔ? Nyati si kplɔe ɖo ana míakpɔ ale si Biblia ɖo nya sia ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2021-may-jun\/%C9%96e-xexe-sia-awu-enua\/","date":"2021-11-28T21:09:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358591.95\/warc\/CC-MAIN-20211128194436-20211128224436-00516.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972818494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972818493843079}","num_words":648,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 212\nStanza 1\nMexɔ wò ŋutilã kple ʋu kɔkɔe la;\nAzɔ mekpɔ wò xɔxɔ kple agbe la.\nWò, Yesu, si melɔ̃na, lé nye asi;\nNɔ anyi kpakplim!\nStanza 2\nWòe nye weinti la, nyea menye wò alɔ;\nAzɔ megawɔ ɖeka kpli wò, xɔla,\nEye megade ha kple wò nusrɔ̃la\nKple xɔsetɔwo.\nStanza 3\nAzɔ ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã kem,\nLe xɔse me menyae be, nye xɔla ɖem;\nMawu gaxɔm le Kristo me, sia nye\nNye akɔfafa.\nStanza 4\nWogado ŋusẽm na 'gbe yeye nɔnɔ.\nKpe ɖe ŋunye, ne nye gbɔgbɔ kple luʋɔ\nKple nye ŋutilã siaa woasubɔ Mawu\nKple dzidzɔ vavã.\nStanza 5\nMenyae be, magafɔ ɖe tsitre gbea-ɖe,\nAhayi nye Aƒetɔ gbɔ le dziƒo;\nNyemable ɖe ku si me o, elabe\nMeɖu agbe la.\nStanza 6\nNye hã kple kɔkɔetɔwo ƒe ha míakpɔ\nDzidzɔ le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo gã la ŋu;\nGama makafu Mawu kple alẽvi,\nSi ku nam, le ɖaa.\nStanza 7\nWò ko melɔ̃, nyemagagblẽ wò ɖi o,\nDo ŋusẽm, bene magafa konyi o;\nBoŋ maklã nye ŋutilã ɖe ati ŋu\nKpe ɖe ŋutiwò.\nStanza 8\nNɔ menye, Xɔla, nye hã manɔ mewò;\nTɔ, na manɔ wò ŋutinuwo dome;\nDzra nye xɔse ɖo nam, ne nye ketɔwo\nNagaɖu dzi o!\nStanza 9\nAƒetɔ, na nye xɔse la nase ŋu,\nEye wòatse gbɔgbɔmeku geɖewo\nAle be, le fu kpakple xaxa me hã\nManɔ yowòme\nStanza 10\nLe wò dzɔdzɔenyenye kple fukpekpe ta,\nLe wò fɔmaɖiku kpl'a-vuléle ta,\nO Yesu, na nye hã makpɔ dziɖuɖu\nKple fiakuku la!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-212\/","date":"2022-01-28T12:41:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00640.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986217022,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986217021942139}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 346\nStanza 1\nYesu, nu ɖekae le vevie,\nNàfia nu ɖeka sia mí!\nNu bubu ɖe sia ɖe ya la\nKɔti kpekpe ko wònye.\nKɔti dzodzro sia te míeka hiã mía ɖokui,\nEya gake míekpɔa dzidzɔa-ɖeke hã o.\nKe ne míeteŋ' xɔ nu ɖeka, si hiã la,\nEkema nu sia aɖi ƒo na mí keŋ.\nStanza 2\nMaria di ale si ke\nWòakpɔ nu ɖeka kemae,\nEsime wòbɔbɔ nɔ 'nyi\nÐe Yesu ƒe afɔ nu;\nEƒe dzi le didim be, yease agbenya,\nSi eƒe xɔla vevi la le fia ge la.\nEbe, yeaxɔ nu sia nu le Yesu gbɔ,\n'Ye wòxɔ nu sia nu le nu ɖeka me.\nStanza 3\nNye dzimedidi enye be,\nMaxɔ wò, xɔla vevi.\nNa bena, madze yowòme,\nTsɔ ɖokuiwò d'a-si nam!\nNe ame geɖewo trɔ le yowòme hã,\nMazɔ wò afɔtoƒewo me kple dzidzɔ.\nO Yesu, wò ko nye gbɔgbɔ kple agbe;\nNu sia nu, si wò nèna mí la, enyo.\nStanza 4\nEya ta Yesu ɖeka ko\nAzu nu sia nu nam hee!\nDo nye dzimedidiwo kpɔ,\nÐe alakpa le menye!\nAƒetɔ, ne mele alakpamɔ dzi la,\nXɔlanye, gakplɔm gaɖo dziƒomɔ la dzi!\nNa bena nyemabu agbe kple ku o.\nNu ɖeka koe le vevie; 'Yae nye Yesu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-346\/","date":"2022-01-28T11:06:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00318.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946730137,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946730136871338}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Ðeka Koe Ate Ŋu Axɔ Na Anyigba La\n\"KPE XƆASI BLƆ AÐE SI ƑE AKPA AÐEWO LE ƔIE HELE DZO DAM.\" Aleae dzinudzidela Edgar Mitchell, ɖɔ anyigba la esi wòkpɔe tso yamenuto doviviti la me.\nMawu ku kutri geɖe wɔ anyigba be wòanye amegbetɔwo ƒe aƒe. Anyigba la wɔwɔ na mawudɔlawo \"gli kple dzidzɔ.\" (Hiob 38:7) Ne míawo hã míesrɔ̃ nu tso nu wɔnuku siwo le ɣletinyigba sia dzi ŋu la, susu geɖewo anɔ mía si siwo tae míagli kple dzidzɔ ɖo. Ðoɖo wɔnuku gbogbo aɖewo nue anyigbadzinuwo wɔa dɔ aduadu kple wo nɔewo le si wɔnɛ be agbe nya nɔna le anyigba dzi. Le ɖoɖo siawo dometɔ ɖeka si amewo nya wu me la, nu miemiewo zãa ɣe ƒe keklẽ, ya si woyɔna be carbon dioxide, kple tsi tsɔ wɔa woƒe nuɖuɖui. Le esia wɔwɔ me la, atiwo tua ɔksidzin, si míehiã vevie hafi ate ŋu anɔ agbe la, ɖe yame.\nBiblia ɖee fia be Mawu tsɔ anyigba dzi kpɔkpɔ de amegbetɔ si me. (1 Mose 1:28; 2:15) Gake hafi anyigbadzinuwo nayi edzi anɔ ɖoɖo nyui nu la, ele be nɔnɔme nyui nanɔ amegbetɔ si. Le nyateƒe me la, ehiã be wòalɔ̃ eƒe aƒe si nye anyigba la. Ele be wòanye eƒe didi be yealé be nɛ bene wòayi edzi anya kpɔ. Gake Mawu na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔ, eya ta ate ŋu atiae be yeagblẽ anyigbadzinuwo dome ahagbe beléle na anyigba la. Eye nu ma tututue wòwɔ. Kuxi siwo do tso amegbetɔ ƒe bemalémalé na anyigbaa kple eƒe ŋukeklẽ me la gblẽ nu ale gbegbe.\nKuxiawo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: (1) Avewo tsɔtsrɔ̃ ɖea ŋutete si le anyigba ŋu be wòaxɔ ya si nye carbon dioxide la dzi kpɔtɔna, eye esia hea yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã kple tsiɖɔɖɔwo vanɛ. (2) Nudzodzoewutikewo zazã atraɖii le nudzodzoe siwo wɔa akpa vevi aɖe le nukuwo ƒe wɔwɔ me la tsrɔ̃m ɖa. (3) Lãɖeɖe akpa le atsiaƒu kple tɔsisiwo me kpakple ɖiƒoƒo tsi siawo na tɔmelãwo kple ƒumelãwo le vɔvɔm. (4) Ale si wole anyigbadzinuwo zãm ŋukeklẽtɔe na be nu boo aɖeke manɔ anyi dzidzime siwo gbɔna la nava tso ɖo o, eye wosusui be ena hã be anyigba ƒe dzoxɔxɔ le dzi yim kabakaba. Nutomededienɔnɔ ta ʋlila aɖewo gblɔ be ale si tsiŋgɔtsikpe kple tsikpe gãgã siwo le anyigbaa ƒe mlɔenu siwo woyɔna be Arktik kple Antarktik le lolõm la nye kpeɖodzi be xexea me le dzo xɔm.\nLe ale si dzɔdzɔmefɔkuwo le dzidzim ɖe edzi ta la, ame aɖewo ate ŋu agblɔ be, anyigba la le hlɔ̃ biam amegbetɔ, eye wòna dzɔgbevɔ̃ewo le dzɔdzɔm ɖe edzi. Mawu tsɔ anyigba la na amegbetɔ faa. Ne míagblɔe la, Mawu haya anyigba la na amegbetɔ femaxee. (1 Mose 1:26-29) Ke hã, nu siwo le dzɔdzɔm egbea ɖee fia be ame geɖe medina kura be yewoana yewoƒe aƒe nyui sia si nye anyigba la nakpɔtɔ anɔ nɔnɔme nyui me o. Ðe ema teƒe la, amegbetɔ tsi dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe ɖokuitɔdidi ƒe didiwo kple dɔwɔwɔwo ŋu. Le nyateƒe me la, amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖee fia be xɔhayala baɖae wònye—ele \"anyigba la gblẽm\" abe ale si Nyaɖeɖefia 11:18 gblɔe ɖi ene.\nBiblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ame si nye nu siwo katã léa agbe ɖe te le anyigba dzi la Wɔla la gblɔ be, ɣeyiɣia de be \"yeanya\" xɔhayala baɖaawo ɖa le aƒea me. (Zefaniya 1:14; Nyaɖeɖefia 19:11-15) Hafi amegbetɔ nagblẽ anyigbadzinuwo dome keŋkeŋ la, Mawu aɖe afɔ, eye atso ɖe eŋu kaba wu ale si míate ŋu asusui. * (Mateo 24:44) Nyateƒee, Mawu ɖeka koe ate ŋu axɔ na anyigba la.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Minɔ Ŋudzɔ! hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si ɣeyiɣi ma tu aƒee la ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090101\/Mawu-%C3%90eka-Koe-Ate-%C5%8Au-Ax%C9%94-Na-Anyigba-La\/","date":"2022-01-20T13:39:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320301863.7\/warc\/CC-MAIN-20220120130236-20220120160236-00489.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999134481,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991344809532166}","num_words":602,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gormerderderwo\n'العربية \/ al-ʿarabīyah\n\n\nDZESI GORMERDOKPEAWO\nAdanuworwor fer Nusorsror kpler Tamerbubu\nNunlorla Phil Bartle, PhD\nNugormerderla Victor T Morttey\nNufiamer Gbalervi\nGormerdokper kpler Nusorsror siwo gorme wodze ber amerkplorla naser\nWofornu tso nyagber siawo nuti ler \"Nyatiawo.\")\nHafi azu amerkplorla adodoe la,ahia wu amedomer nornor fer adanuwo kpler amekplor morwo herna nuterfer worwor. Edzer ber nanya adanu mawo zaza. Edzer ber nanya nusorsrorwo.\nNenye wo nusrorlawoe nye korme norlawo la,ekerma edzerber nanyanu tso amerhaborbor kporkplor fer serwo kpler haborborwo fer nornormer kpler wofer tortror mornuwo kperder kormer tutuderdzi mornuwo.\nEsia hia ber naser amerhaborbor kporkplor gorme,anyanu tso nusorsror siwo tso amerhawo nuti,amegbertor fer dzordzormer nunyawo,dokuikplor morwo, hotsui kpler nunor amesi fer akornta bubu nyawo kpler nusorsrorwo nuti.(kpor \"Kornu.\")\nFifia la mehia ber suku korkor fer agbaler nanor asiwo hafi atenu awor amerkplordor o.Kerbon aternu afianu dokuiwo tso nusorsror kple nufiamersiwo li tso worna siawo nuti.\nNernyer ediber yea do nuser (akper der) hotsui manorsi fufofo ade la,edzer ber nadzersi futorla si enyer dokuisi manormanor.(kpor: \"Dokuisi manormanor\"). Nenyer wo tadodzinu enyer ehiakamer derder da ehiakamer, edze ber nadzesi hiakamer fer fukperkperwo.\nEhia ha ber naser nusiwo nana ehia kana ame la gormer,ker aternu adi mornu siwo dzi nato ana kperkperdernu ader hiakamer mornuwo da\nAkpor berna ehia dziderder mewornador dea to aber ehia derder da o.\nNenyer ber exler\"Nyatiwo\", akpor nusorsrorwo tso gormedokper susuwo na korme dorworla.\nAxler nunonlor siwo der susu siwo woade fiawo le nusorsror siawo mer atsor fiawo alersi nawor azu amerkplorla.\nDodoa bubu, Nusorsror tso Nuserdodo Korme, ade nusorsror siwo afiawo adanu siwo le nufiame dor siatefer.\nMedze ber na sror adanuawo aber ako ener o. Abu tame tso susudesiader si wonlor la nuti. Anlor nu tso wonuti der wo agbalervi me.\nMikpler eveliawo wo miafonu tso wo nuti ler miafer takperkperwo mer,kpler dorworferwo. Ler wo gborgbor der mer xeyixiwo kpler ner erkpa tso dormer la atsor xeyixi via der tso wo abo dada xeyixi nuti ana mikpler hatiwowo mia dodzer kpler nusorsror siawo.\nMegawor susu be yea sror nu la aber ako zideka ko anya wo kata o.Deko wole abe,' adido,asi metuner o'.\nNusorsror,aber kormer tutuderdzi dor la, medzer ber nuwuwu nanor enu o. Xeyixi si netorter nusorsro kola ,Xemaxi ke anye wo kuxi.\n––»«––\n© Nunlorla fer nutornyernyer dzersi 1967, 1987, 2007 Phil Bartle\n––»«––\n\n\nAfermer Xa\n\n\nGormer Dzerdzer","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"http:\/\/cec.vcn.bc.ca\/cmp\/modules\/pre-coew.htm","date":"2022-01-21T01:31:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320302715.38\/warc\/CC-MAIN-20220121010736-20220121040736-00603.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9883169532,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9883169531822205}","num_words":377,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.188,"stopwords_ratio":0.077,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Ke aʋatsonyagblɔɖilawo hã nɔ dukɔ la dome, abe ale si ko aʋatsonufialawo anɔ miawo hã mia dome ene.+ Ame siawo atsɔ kɔmama gblẽnuwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le aƒetɔ si ƒle wo la gɔ̃ hã gbɔ,+ eye woahe tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo ɖokuiwo dzi. 2 Azɔ hã, ame geɖewo adze woƒe dzimesesẽnuwɔnawo*+ yome, eye le ame siawo ta woaƒo nu gbegblẽ tso nyateƒemɔ la ŋu.+ 3 Eye le ŋukeklẽ ta woakpa nyawo atsɔ adi viɖe le mia ŋu. Ke tohehe si li na wo tso blema ke la+ mele hehem ɖe megbe o, eye woƒe tsɔtsrɔ̃ mele akɔlɔ̃e dɔm o.+ 4 Vavãe, Mawu mehe ɖe megbe le tohehe na mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃ me o,+ ke boŋ etsɔ wo ƒu gbe ɖe Tartaro,*+ eye wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo,* ne woadzra wo ɖo ɖi na ʋɔnudɔdrɔ̃.+ 5 Eye mehe ɖe megbe le tohehe na blemaxexe aɖe me o,+ gake wòkpɔ Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela,+ kpakple ame adre bubuwo ta dedie+ esime wòhe tsiɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexea dzi.+ 6 Ebu fɔ du siwo nye Sodom kple Gomora hena wozu afi,+ wònye nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu na ame mavɔ̃mawuwo.+ 7 Eye wòɖe ame dzɔdzɔe Lot,+ ame si sedzimawɔlawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe* ɖe fu na vevie la— 8 elabena sedzimawɔmawɔ si teƒe ame dzɔdzɔe ma kpɔna hesena gbe sia gbe esi wòle wo dome la wɔa fu eƒe luʋɔ* dzɔdzɔe la. 9 Eya ta Yehowa* nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me,+ ke wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo na tsɔtsrɔ̃ le ʋɔnudrɔ̃gbe la,+ 10 vevietɔ ame siwo dzea ŋutilã ƒe dzodzrowo yome heƒoa ɖi ame bubuwo,+ eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la.+ Esi woƒe dzi tri eye wonye ɖokuiŋudzelawo ta la, womevɔ̃na ne wole nya vlowo gblɔm ɖe ŋutikɔkɔemewo ŋu o, 11 evɔ mawudɔla siwo nye gã wu le ŋutete kple ŋusẽ me la, metsoa wo nu to nya vlowo gbɔgblɔ ɖe wo ŋu me o, le esi wodea bubu Yehowa* ŋu ta.+ 12 Ke ame siawo, siwo le abe lã manyanu siwo wɔa nu ɖe seselelãme nu, siwo li na léle kple tsɔtsrɔ̃ ene la, gblɔa nya vlowo ɖe nu siwo ŋu womenya naneke le o ŋu.+ Woakpɔ tsɔtsrɔ̃ le woawo ŋutɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃mɔ la dzi, 13 eye woakpe fu wòanye woawo ŋutɔwo ƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti fetu. Wobua agbeɖuɖu+ le ŋkeke me gɔ̃ hã abe dzidzɔdonamenu ene. Wonye ame ƒoɖiwo kple ame siwo ŋu mokaka le, eye wònyea dzidzɔ na wo be yewoatsɔ yewoƒe alakpanufiafiawo able mi ne wole nu ɖum kpli mi.+ 14 Ŋku siwo yɔ fũu kple ahasiwɔwɔ li na wo,+ wometea ŋu trɔna le nu vɔ̃ ŋu o, eye woblea ame* malikewo. Wotsɔ ŋukeklẽ mla woƒe dziwo. Fiƒodeviwo wonye. 15 Esi wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotra mɔ. Woto Bileam, Beor vi ƒe ʋe me,+ ame si lɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fetu,+ 16 gake woka mo nɛ le esi wògbe nu si nyo la wɔwɔ ta.+ Lã maƒonu si tsɔ amegbetɔ ƒe gbe ƒo nu la, xe mɔ na nyagblɔɖila la ƒe aɖaʋanuwɔwɔ.+ 17 Ame siawo nye vudo siwo me tsi mele o kple afu siwo ahom sesẽwo lɔ ɖe nu, eye woɖo blukɔ tsiɖitsiɖi ɖi na wo.+ 18 Wogblɔa nya gã nya gã siwo meɖea vi aɖeke o. Eye wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo+ kple woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo* blea ame siwo te ŋu si le nu gbegblẽ wɔlawo nu teti koe nye ema la.+ 19 Togbɔ be wole ablɔɖe ŋugbe dom na wo hã la, woawo ŋutɔwo wonye nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe kluviwo,+ elabena ne nane ɖu ame aɖe dzi la, amea zu eƒe kluvi.+ 20 Le nyateƒe me la, ne wosi le xexea ƒe ɖiƒoƒowo gbɔ,+ esi Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ su wo si, hafi gaƒo wo ɖokuiwo ɖe nu siawo ke me, eye wona woɖu wo dzi la, ekema woƒe nɔnɔme mlɔetɔwo va gblẽna wu gbãtɔwo.+ 21 Ne ɖe womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ la nyuie o la, ne enyo na wo wu be woanyae hafi agatrɔ ɖa le sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo la yome.+ 22 Eva eme na wo le nyateƒelododo la nu be: \"Avu gbugbɔ yi eya ŋutɔ ƒe xeɖeɖe gbɔ, eye ha si wole tsi na la gale mimlim le ba me.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"wòtsɔ wo de viviti tsiɖitsiɖi ƒe dowo me.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-petro\/2\/","date":"2022-01-22T22:30:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320303884.44\/warc\/CC-MAIN-20220122194730-20220122224730-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989344478,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989344477653503}","num_words":708,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya Kae Nàdi Be Yeabia Mawu?\nBIABIA vevi siwo ku ɖe agbe ŋu le amewo si le xexeame godoo. Ele wò hã asiwòa? Ame geɖe tsɔ woƒe biabiawo tu subɔsubɔhakplɔlawo gake womekpɔ ŋuɖoɖo blibo si naa dzidzeme ame o. Ame bubuwo de ŋugble le nya siawo ŋu le wo ɖokui si. Ame aɖewo do gbe ɖa bia mɔfiafia. Ðe wòanya wɔ be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nya siwo ɖea fu na wò tso Mawu gbɔa? Nya siwo ame geɖe gblɔ be yewoadi be yewoabia Mawu dometɔ aɖewoe nye esiawo.\nMawu, ameka tututue nènye?\nAmewo ƒe dekɔnuwo, wo dzilawo ƒe subɔsubɔha, kple ɖewohĩ woawo ŋutɔ tɔ si wotia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wobua Mawui dzi. Ame aɖewo yɔa ŋkɔ aɖe na Amesi wosubɔna; ame bubuwo yɔnɛ ko be Mawu. Ema le veviea? Mawu vavã ɖeka kolia aɖe koe li si ɖea eɖokui kple eƒe ŋkɔ fiaa mía?\nNukata fukpekpe bɔ alea gbegbe?\nNe ame ŋutɔ ƒe bemalémalé na eɖokui alo agbegbegblẽnɔnɔ na wòdze dɔ alo zu hiãtɔ la, efaa konyi. Gake anɔ eme be enya nusita wòle fua kpem ɖo.\nKe hã ame bubu geɖewo kpea fu vevie ɖe kuxi si menye woawo ŋutɔ ƒe vodada o ta. Dɔmavɔleameŋu le ame aɖewo ŋu. Ame bubuwo hã ʋlina le nɔnɔme madeamedziwo me be woakpɔ teƒe aɖe anɔ ahakpɔ nuɖuɖu si asu na woƒe ƒomea. Nuvlowɔwɔ, aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ le amesiame dzro ko ŋu, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo dumegãwo ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe ame ŋu he fukpekpe va ame miliɔn geɖe dzi.\nEme kɔ ƒã be ame geɖe biana be: 'Nukatae nɔnɔme siawo bɔ alea gbegbe? Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe siawo katã ŋu?'\nNukatae medzɔ? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?\nAmesiwo ƒe gbesiagbedɔwɔnawo mete ŋu he dzidzeme vavã vɛ na wo o la biaa nya siawo le dziɖeleameƒo ta—eye aleae wòle le ame geɖe gome. Ame miliɔn bubuwo xɔe se be Mawu ɖo alesi tututu amesiame ƒe agbe ava nɔe ɖi le mɔ aɖe nu. Nenemae wòlea? Ne tameɖoɖo tɔxɛ aɖe le Mawu si na wò vavã la, ke àdi be yeanya nusi wònye godoo.\nLe agbalẽ siwo katã le xexeame dome la, ɖeka aɖe li si gblɔe eme kɔ ƒã be Mawu gbɔe wòtso. Abe alesi nàkpɔ mɔe le gbedasi si tso Mawu gbɔ tututu na ameƒomea katã gome ene la, woŋlɔ agbalẽ sia ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖe me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si woŋlɔ kpɔ. Agbalẽ mae nye Biblia Kɔkɔe la. Mawu ŋutɔ, dziƒo kple anyigba Wɔla la, ɖe amesi wònye kple eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ fia le eme. Ènya eŋkɔa? Ðe nènya Amesi ƒomevi Biblia gblɔ be Mawu nyea? Ðe nènya nya si wògblɔ ku ɖe nusi Mawu di tso asiwò ŋua?\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nTo: Chad Ehlers\/Index Stock Photography","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030501\/Nya-Kae-N%C3%A0di-Be-Yeabia-Mawu\/","date":"2022-05-25T09:34:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662584398.89\/warc\/CC-MAIN-20220525085552-20220525115552-00631.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983294606,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983294606208801}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Evé (in country of Togo)\nMixael kokoe, dzifodola ga, navli mia ta le avawow me. Nanye mia takpola le Abosam fe vodinyenye kple xadedewo nuti. Miedze klo le kuku dem be Mawu nag be nè. Eye, wo Mixael kokoe, dzifodolawo ngonola, natso Abosam kple gbogbo void bubu siwo le tsatsam le xexea me be yewoagble luvowo la, afu gbe de dzo mavo gbedea me, le Mawu fe nusè me. Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/stmichaelprayercampaign.org\/translations-2\/eve-in-country-of-togo\/","date":"2022-05-26T07:35:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662604495.84\/warc\/CC-MAIN-20220526065603-20220526095603-00064.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987162352,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987162351608276}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu ƒe gbedeasi, alo eƒe nya, ye le Biblia la me na mí egbea. Efiaa ale si míanɔ agbee be míakpɔ dzidzedze kple nu siwo míawɔ be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la mí. Eɖo nyabiase siwo gbɔna la hã ŋu:\nALE SI NÀWƆ AKE ÐE MAWUNYAKPUKPUIWO ŊU\nBiblia nye agbalẽ suesue 66 siwo wotsɔ ƒo ƒui. Womae ɖe akpa eve me: Hebri Kple Aram Ŋɔŋlɔawo (\"Nubabla Xoxoa\") kpakple Hela Ŋɔŋlɔawo (\"Nubabla Yeyea\"). Woma Biblia-gbalẽ ɖe sia ɖe ɖe tawo kple kpukpuiwo me. Ne wofia asi alo yɔ ŋɔŋlɔ aɖe la, xexlẽdzesi gbãtɔ si kplɔ Biblia-gbalẽa ƒe ŋkɔ ɖoe nye ta la, eye xexlẽdzesi si(wo) kplɔ ema ɖoe nye kpukpuia alo kpukpuiawo. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 1:1 fia Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 1, kpukpui 1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/","date":"2022-05-19T11:34:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00692.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988162518,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988162517547607}","num_words":122,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yohanes\nƒe agbalẽ etɔ̃lia\n1\n1 Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.\n2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene. 3 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu. 4 Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.\nBeléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo\n5 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã. 6 Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu, 7 elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo. 8 Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.\n9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la meɖo to nye nyawo o. 10 Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.\n11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o. 12 Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyui. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.\nTaƒonyawo\n13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò, gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. 14 Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume.\n15 Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò.\nNɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/3JN01.htm","date":"2022-05-17T04:43:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984593391,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984593391418457}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sonrise Christian Senior High School (SHS) si nye sekɛndri suku aɖe le Ho wɔ dodo suku kɔnu na suku nuwula alafa ɖeka kple blaeve vɔ atɔ̃ siwo wu sukua nu le ƒe sia me.\nƑe sia me ƒe dodo le suku kɔnuae nye ewolia si sukua wɔ eye wozã mɔnukpɔkpɔa tsɔ υu lamesẽtakpɔƒe kpokploe aɖe hã nu hena zazã le sukua me.\nAƒetɔ Joseph Dzemesi, ame si nye sukua ƒe Amexɔnyawo Dzikpɔla de dzesie be sukua ƒe agbagbadzedze le nuwuwu dodokpɔ si nye WASSCE mea, nabe yewo kpɔ mɔ hena gomekpɔkpɔ le dukɔa ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunya kple Akɔŋta Hoυiυli si yia edzi le sekɛndri sukuviwo domea, me.\nEyi edzi hedoe ɖa be, elebe dziɖuɖua nadzi mɔnu aɖe hena kpekpeɖeŋu aɖe ƒomevi nana ɖokuisi sekɛndri sukuwo hã le dziɖuɖu ƒe sekɛndri sukudede femaxee ɖoɖo si woɖe ŋkɔ na be Free Senior High School Policy la te.\nDr. Ben Honyenugah, ame si nye Nunɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ na Ho Technical University (suku kɔkɔ) xlɔ̃nu dodolawo be kutrikuku koe ateŋu akplɔwo ƒe akpa sia kpae.\nKe ebe, ameɖokuikpɔkpɔ gbloe, aglãdzedze kple agbe madeamedzi bubuwo nɔnɔ la makplɔwo ayi ŋgɔe o.\nAgbalẽnyala gã siwo katã nɔ wɔna teƒea xlɔ̃nu dodolawo ku ɖe alesi woalé bé na woɖokuiwo hena woƒe ŋgɔgbeyiyi le agbemea ŋuti.\nWoɖe eme nawo be, ne wonɔ agbe nyuiea, woƒe sukua agaxɔ ŋkɔ wu alesi wòle fifia.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/sonrise-christian-shs-w%C9%94-dodo-le-suku-k%C9%94nu-na-suku-nuwulawo\/","date":"2022-05-20T23:14:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662534693.28\/warc\/CC-MAIN-20220520223029-20220521013029-00026.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978453517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978453516960144}","num_words":226,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Petro\nƒe agbalẽ evelia\n1\n1 Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la:\n2 Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.\nKpeɖoɖo ame ƒe yɔyɔ kple tiatia dzi\n3 Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me. 4 To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.\n5 Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, 6 ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; 7 dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu. 8 Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o. 9 Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.\n10 Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o, 11 eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.\nMawunya ƒe nyagblɔɖi\n12 Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi. 13 Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi, 14 elabena menya be esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛe la ene. 15 Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi.\n16 Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo. 17 Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, \"Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.\" 18 Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.\n19 Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me. 20 Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. 21 Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2PE01.htm","date":"2022-05-17T04:50:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00357.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981892109,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981892108917236}","num_words":586,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hehe Ka Ƒomevi Xɔxɔe Ana Agbe Nadze Edzi na Wò?\nÐE KUXI aɖewo gbɔ kpɔkpɔ sesẽ na wò kpɔ ale gbegbe be mèkpɔ goléƒe aɖeke o, eye nèse le ɖokuiwo me ko abe tɔsisi aɖee lé wò kplɔ dzo yinae enea? Wò ya de ŋugble le fukpekpe si gbegbe wòate ŋu ahe vɛ ne mèkpɔ kuxi mawo dometɔ ɖeka alo geɖe gbɔ nyuie o ŋu kpɔ! Womedzi mía dometɔ aɖeke kple ŋutete be wòakpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe, ahawɔ nyametsotso nyuiwo ɣesiaɣi o. Esia tae hehe nyui xɔxɔ le vevie ɖo. Afikae nàte ŋu akpɔ hehe si ana nàkpɔ agbemekuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe le?\nAme geɖe, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, gblɔna be agbalẽnyanya le vevie ŋutɔ. Agbalẽnyalagã aɖewo kura gɔ̃ hã gblɔ be \"yewoka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be ne ame mede suku kɔkɔ o la, mate ŋu akpɔ dɔ ɖɔʋu aɖeke awɔ o.\" Ke hã, amegbetɔ ƒe nuhiahiã aɖewo li siwo gbɔ agbalẽnyanya mate ŋu akpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe suku geɖe dede ate ŋu ana nàzu dzila, srɔ̃tɔ, alo xɔlɔ̃ ɖɔʋua? Le nyateƒe me la, amesiwo ŋu wodea bubui le woƒe agbalẽnyanya deŋgɔ ta dometɔ aɖewo ate ŋu ava zu ame gbegblẽwo, woƒe ƒomewo agbã, alo woawu wo ɖokui kura gɔ̃ hã.\nAme aɖewo trɔ ɖe subɔsubɔhawo ŋu be yewoaxɔ mɔfiafia, gake dzi koe va ɖe le wo ƒo elabena womekpɔ aɖaŋuɖoɖo wɔdɔ si ana woakpɔ agbemekuxiwo gbɔ o. Esi Emilia * si nye Mexicotɔ nɔ esia ŋuti nuteƒekpɔkpɔ gbl��m la, egblɔ be: \"Ƒe 15 ye nye esia si mese le ɖokuinye me be mía kple srɔ̃nye míagate ŋu anɔ anyi ayi ŋgɔe o. Míewɔa dzre ɣesiaɣi. Nyemete ŋu na wòdzudzɔ ahanono o. Enuenu la, megblẽna mía vi sueawo ɖeɖe ɖe aƒeme henɔa tsatsam nɔa srɔ̃nyea dim. Nye dzi sea veve ale gbegbe. Mede sɔleme zi geɖe be maxɔ aɖaŋuɖoɖo si ana makpɔ kuxia gbɔ. Togbɔ be woxlẽa Biblia ɣeaɖewoɣi hã la, nyemese aɖaŋuɖoɖo aɖeke si ku ɖe nye kuxia ŋu tẽ kpɔ o; eye ame aɖeke hã mete ɖe ŋunye kpɔ gblɔ nusi hiã be mawɔ nam o. Anyinɔnɔ ɖe sɔlemexɔ me hena ɣeyiɣi aɖe, agbugbɔ anɔ gbedodoɖa aɖewo gblɔm, mena dzidzemem o.\" Dzi ate ŋu aɖe le ame aɖewo ƒo ne wokpɔe be woa ŋutɔwo woƒe subɔsubɔha ŋgɔnɔlawo mele agbe nyui aɖeke kura nɔm o. Le esia taa, ame geɖe megakana ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafia alo hehe si wonana dzi, be ana yewoakpɔ dzidzedze le agbe me o.\nEyata, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, 'Hehe ka ƒomevie wòle be maxɔ be makpɔ dzidzedze le agbe me?' Ðe Kristotɔnyenye vavãtɔ ate ŋu ana woakpɔ nyabiase vevi sia ƒe ŋuɖoɖoa? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051015\/Hehe-Ka-%C6%91omevi-X%C9%94x%C9%94e-Ana-Agbe-Nadze-Edzi-na-W%C3%B2\/","date":"2022-05-26T08:08:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662604495.84\/warc\/CC-MAIN-20220526065603-20220526095603-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988055229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988055229187012}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, ke boŋ xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ; ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.\"\n\"Wokɔ gbe dzi xlẽ agbalẽ si nye Mawu vavã la ƒe Se la, woɖe eme tsitotsito, wona gɔmesese si le eŋu la dze, ale wona ameawo se nu si xlẽm wole la gɔme.\"\n\"Dzidzɔtɔe nye ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o . . ., ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu zã kple keli. . . . Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.\"\n\"Filipo ƒu du yi egbɔ, eye wòsee ŋutsua nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm sesĩe, eye wòbiae be: 'Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?' Egblɔ be: 'Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?'\"\n\"Elabena eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena, ale be womate ŋu ado taflatsɛ o.\"\n\"De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.\"\n\"Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . . o.\"\n\"Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/sr%C9%94%CC%83-nu-tso-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2022-05-26T10:56:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662604794.68\/warc\/CC-MAIN-20220526100301-20220526130301-00644.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967044592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967044591903687}","num_words":254,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbe, ke hiãtɔ ya mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.\"—LODODOWO 13:8.\nTOGBƆ be viɖe aɖewo le kesinɔtɔnyenye me hã la, ɣeaɖewoɣi la afɔku le eme, vevietɔ le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (2 Timoteo 3:1-5) Le dukɔ aɖewo me la, fiafiwo kple adzodalawo tea ŋu léa kesinɔtɔwo, siwo dometɔ aɖewo nyea modzakatsaɖila siwo ƒe dzedzeme fia be alɔme le wo si, eye woxea fe na amelélaawo hafi woɖea asi le wo ŋu.\nNyadzɔdzɔgblɔlawo gblɔ tso dukɔ madeŋgɔ aɖe ŋu be: \"Adzoblasuwo, nu fitifiti wɔlawo kple amelélawo de mama hotsuitɔwo kple koliawo dome. Dzɔla siwo ŋu tuwo nɔna la dzɔa nuɖuɖudzraƒe gãwo ŋu, hotsuitɔwo dea gaviwo woƒe gliwo ta, wodea eletrik-kaɖi gãwo kple nukpɔmɔ̃wo woƒe aƒewo ŋu eye woxɔa aƒeŋudzɔlawo hã.\" Nenema ko wòle le dukɔ geɖewo hã me.\nGake Biblia gblɔ be, \"hiãtɔ ya mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.\" Nu kae nàwɔ be nunya sia naɖe vi na wò? Ne èle nuto aɖe si me nu vlo wɔlawo kple ŋutasẽlawo le me alo èle mɔ zɔ ge ayi teƒe mawo godzi la, wò nuwɔna megana amewo nàsusui be gatɔe nènye o. Bu wò nudodowo kple wò nunɔamesi siwo nàtsɔ ɖe asi le ame dome, vevietɔ nunɔamesi siwo ahe amewo ƒe susu ava dziwò bɔbɔe la ŋu. Lododowo 22:3 gblɔ be: \"Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.\"\nNunya si le Biblia me ɖe ale si gbegbe mía Wɔlaa tsɔ ɖe le eme na mí la fia. Edi be míanɔ dedie. Nyagblɔla 7:12 gblɔ be nunya sia \"doa vɔvɔli\" alo kpɔa ame ta, eye wòléa \"ame si si wòle la ƒe agbe ɖe te.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201502\/nunya-si-kp%C9%94a-ame-ta\/","date":"2022-05-22T07:18:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662545090.44\/warc\/CC-MAIN-20220522063657-20220522093657-00426.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991065264,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991065263748169}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO May 8, 2003 Suklidɔ—\"Adzamemewula La\" Dɔa Yɔyɔ me Kuxiwo Alesi Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Suklidɔlélawo Ŋui Ne Ðevimegbenɔnɔ To Ame Ŋu Ne Woƒo Du Ðe Ðevi Nu Ne Wode Asixɔxɔ Ðevimenɔɣi Ŋu Ðe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Bia Be Woasɔ Le Nusianu Mea? Kpɔ Tɔmenyi Gã Wɔnuku la Ða! Alesi Afɔku aɖe Trɔ Nye Agbee Nukatae Wòle Be Woaxɔm Anyi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/","date":"2022-07-06T04:04:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104660626.98\/warc\/CC-MAIN-20220706030209-20220706060209-00033.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997175336,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997175335884094}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.136,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"17 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woawo ɖeɖe woyi to kɔkɔ aɖe dzi.+ 2 Eye eƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume, eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.+ 3 Eye kpɔ ɖa, Eliya kple Mose dze wokpɔ eye wole dze ɖom kplii. 4 Eya ta Petro gblɔ na Yesu be: \"Aƒetɔ, enyo na mí be míanɔ afi sia. Ne èlɔ̃ la, matu agbadɔ etɔ̃ ɖe afi sia, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.\" 5 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be: \"Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.+ Miɖo toe.\"+ 6 Esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, wotsyɔ mo anyi, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 7 Eye Yesu te ɖe wo ŋu eye wòka asi wo ŋu gblɔ be: \"Mifɔ. Migavɔ̃ o.\" 8 Esi wofɔ mo dzi la, womekpɔ ame aɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko. 9 Esi wole ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo be: \"Migagblɔ ŋutega la na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔvi la tso ame kukuwo dome hafi.\"+ 10 Ke nusrɔ̃lawo biae be: \"Ekema nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava gbã?\"+ 11 Eɖo eŋu be: \"Vavãe, ele be Eliya nava, eye wòaɖɔ nuwo katã ɖo.+ 12 Ke mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, gake womedze sii o, eye wowɔ nu si dze wo ŋu la ɖe eŋu.+ Nenema kee Amegbetɔvi la hã akpe fu le wo si me.\"+ 13 Ale nusrɔ̃lawo se egɔme be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ŋu nya gblɔm wòle na yewo. 14 Esi wogbɔna ameha la gbɔ la,+ ŋutsu aɖe te ɖe eŋu hedze klo ɖe eŋkume gblɔ be: 15 \"Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinyeŋutsuvi, elabena kpeŋuidɔ* le eŋu, eye dɔa nu sẽ. Edzea dzo me enuenu, eye wòdzea tsi me enuenu.+ 16 Mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, ke womete ŋu da gbe le eŋu o.\" 17 Yesu ɖo eŋu be: \"Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi,+ ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae mado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo? Mikplɔe va gbɔnye afii.\" 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le eme, ale ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ enumake.+ 19 Eye nusrɔ̃lawo ɖeɖe va Yesu gbɔ va biae be: \"Aleke wɔ míawo ya míete ŋu nyae do goe o?\" 20 Eɖo eŋu na wo be: \"Le miaƒe xɔse ʋɛ la tae. Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de sinapi-ku* ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: 'Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!' eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu w��wɔ na mi o.\"+ 21 *—— 22 Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖe Galilea la, egblɔ na wo be: \"Wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo,+ 23 eye woawui, ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.\"+ Esia na woxa nu vevie. 24 Esi wova ɖo Kapernaum la, ame siwo xɔa drakma eve* ƒe adzɔ le amewo si la te ɖe Petro ŋu hebiae be: \"Ðe miaƒe nufiala ya medzɔa drakma eve la oa?\"+ 25 Eɖo eŋu be: \"Edzɔnɛ.\" Ke esi wòge ɖe aƒea me la, Yesu do ŋgɔ biae be: \"Simon, nu kae nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Wo viwo si loo alo ame bubuwo sia?\" 26 Esi wòɖo eŋu be, \"Le ame bubuwo si\" la, Yesu gblɔ nɛ be: \"Ekema mehiã be viwo naxe adzɔ o ɖe! 27 Ke be míagaɖia wo nu o la,+ yi ƒuta, nàda ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nu me la, àkpɔ klosalogaku.* Tsɔe yi ɖana wo ɖe nye kpli wò nu.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"anyidzedɔ;\" \"adzigbo.\"\n^ Enye atiku sue aɖe si le Palestina-nyigba dzi. Eƒe atia tea ŋu kɔna dea meta 4 eye wòɖea alɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mateo\/17\/","date":"2022-06-29T06:45:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103624904.34\/warc\/CC-MAIN-20220629054527-20220629084527-00648.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994151592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994151592254639}","num_words":643,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.281,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"11 Naamatɔ Zofar+ ɖo eŋu be: 2 \"Ðe woagbe nya gbogbo siawo ŋu ɖoɖoa,Alo ɖe nu kpoloe ƒoƒo ana ame ƒe nya nadzɔa?* 3 Ðe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa? Ðe ame aɖeke magbe nya na wò ɖe wò alɔmeɖenyawo ta oa?+ 4 Èle gbɔgblɔm be, 'Kpɔtsɔtsɔ mele nye nufiamewo ŋu o,+Eye medza le ŋkuwòme.'+ 5 Ke hã, ne ɖe Mawu ŋutɔ ake nu,Eye wòaƒo nu na wò ɖe!+ 6 Ekema aɖe nunya ŋuti nya ɣaɣlawo afia wò,Elabena nunya vavãtɔ keke ta ŋutɔ. Ekema ànyae be Mawu ŋlɔa wò vodada aɖewo be. 7 Ðe nàte ŋu ake ɖe Mawu ƒe nu goglowo ŋuAlo anya nu sia nu tso Ŋusẽkatãtɔ la ŋua?* 8 Ekɔ gbɔ dziƒo ŋu sãsãsã. Nu kae nàte ŋu awɔ? Egoglo kura wu Tsiẽƒe.* Nu kae nàte ŋu anya le eŋu? 9 Edidi boo wu anyigbaEye wòkeke sãa wu atsiaƒu. 10 Ne etso eme va yi eye wòlé ame de gaxɔ me eye wòɖi ʋɔnu la,Ame kae ate ŋu atso ɖe eŋu? 11 Elabena edzea si ameblelawo. Ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la, ɖe manya oa? 12 Ne gbetedzi ate ŋu adzi amegbetɔ* la,Eya ko hafi bometsila hã adze nunya. 13 Ne ɖe nàdzra wò dzi ɖo,Eye nàke wò abɔwo me ado gbe ɖa. 14 Ne nu vɔ̃ɖi le asiwò me la, tsɔe ƒu gbe ɖe adzɔge ke,Eye nu madzɔmadzɔ aɖeke meganɔ wò agbadɔ me o. 15 Ekema àte ŋu afɔ ta dzi mokakamanɔmee;Àli ke sesĩe, eye màvɔ̃ o. 16 Ekema àŋlɔ wò hiãkame be;Àɖo ŋku edzi ko abe tsi siwo si va to ŋuwò yi ene. 17 Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzatsɛ;Eye eme viviti anɔ abe ŋdikekeli ene. 18 Kakaɖedzi anɔ asiwò, elabena mɔkpɔkpɔ li,Àtsa ŋku godoo, eye àmlɔ anyi aɖe dzi ɖi. 19 Àmlɔ anyi, eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wò o,Ke boŋ ame geɖe abia amenuveve tso gbɔwò. 20 Gake ame vɔ̃ɖiwo ya ƒe ŋku atsi;Womakpɔ bebeƒe aɖeke o,Eye woƒe mɔkpɔkpɔ koe nye ku.\"*+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ɖe adegbeƒola ƒe nya adzɔa?\"\n^ Alo \"anya seƒe na Ŋusẽkatãtɔ laa?\"\n^ Alo, \"Ne woadzi gbetedzi wòanye amegbetɔ.\"\n^ Alo, \"ku ko woƒe luʋɔ anɔ mɔ kpɔm na.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/11\/","date":"2022-07-06T21:06:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104676086.90\/warc\/CC-MAIN-20220706182237-20220706212237-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974372983,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974372982978821}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.129,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Avetsu Damawo—Ðe Woate Ŋu Akpɔ Wo Taa?\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BOLIVIA GBƆ\nBALI aɖe si me avetsu gã aɖe le, le Ramiro si. * Bali sia si le Anyiehe Amerika ƒe Andes-towo gɔme la nye nuto ʋɛ siwo me woagate ŋu akpɔ blematiwo le la dometɔ ɖeka. Avewo vɔ le togbɛawo katã dzi keŋkeŋ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zɔa mɔ tso didiƒe kple kpuiƒewo va srɔ̃a nu tso Ramiro ƒe avetsu dama la ŋu, eye woke ɖe nugbagbe ƒomevi vovovo siwo ŋu womewɔ numekuku le kpɔ o ŋu. Ramiro tsɔa ɖe le nuwo ta kpɔkpɔ me vevie. Egblɔ be: \"Nyemana woatso ati le nye avea me gbeɖe o.\"\nRoberto hã kpɔa anyigba xɔdzo dzi ve si lolo kilometa 5,600 le dzogoe eneawo katã me, eye wòle Amazon-bali la me dzi. Enye avedzikpɔla bibi si tsoa atiwo eye wòdzranɛ na dutadukɔwo. Gake Roberto gakpɔa dzidzɔ vevie ɖe avetsuwo kple eme lãwo ta kpɔkpɔ hã ŋu. Egblɔ gbeteteɖedzitɔe be: \"Woate ŋu atso atiwo gake ahakpɔ egbɔ be nu magblẽ le nugbagbe ƒomevi vovovoawo ŋu tegbee o.\"\nTogbɔ be Ramiro kple Roberto nye ame vovovowo hã la, wotsɔa ɖe le avetsuwo ƒe dedienɔnɔ me vevie. Gake menye woawo ɖeɖekoe le nenema o. Anyigba xɔdzo dzi vewo dome gbegblẽ yakatsyɔ si yi edzi kabakaba le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la dzi ŋɔ ale gbegbe.\nÐe ɖetsɔleme ɖeɖe fia alea nye nusi gbɔ eme akpaa? Ne èbu eŋu kpɔ la, le ƒe alafa siwo va yi me la, amewo ƒoa ave gbogbo siwo le nuto siwo mexɔ dzo fũ o me hena agbledede. Eyata nukatae wòle be woatsi dzi ne amesiwo le anyigba xɔdzowo dzi hã le nu ma ke wɔm? Vovototo gã aɖe le wo dome. Le kpɔɖeŋu me, anyigba mawɔnu dzie anyigba xɔdzo dzi vewo lɔ̃a nɔnɔ, eye wònyea afisi agbledede medea ame dzi le tututu o. Azɔ hã, nugbagbe ƒomevi vovovowo ŋutɔe nɔa aveawo me; eye wo ɖeɖe ɖa gblẽa nu le ameƒomea katã ŋu.\nKuxi Siwo Avewo Tsɔtsrɔ̃ Hena Vɛ\nNugbagbe ƒomevi vovovo siwo le xexeame godoo ƒe afã kple edzivɔ nɔa ave siwo le anyigba xɔdzowo dzi me. Tso fie kple kpɔ̃ dzi vaseɖe adru si mebɔ o kple seƒoƒo si woyɔna be orchid dzi, tso da kple akpɔkplɔ dzi vaseɖe kpakpaluʋui siwo mebɔ o kple ako dzi—eye womate ŋu axlẽ nugbagbe siawo ɖekaɖeka o.\nAgbenɔnɔ le anyigba xɔdzo dzi ve vovovowo me dea nugbagbe ƒomevi vovovowo dzi. Ave ƒomevi vovovo siwo nye todzi vetsu dama siwo tsina ʋɛʋɛʋɛ, ave dodo damawo, anyigba xɔdzowo dzi ve kple ave siwo me atiwo le tatata la li. Gake ame geɖe mede ave siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi me kpɔ o. Ðewohĩ wò hã mège ɖe eme kpɔ o. Ekema nukatae wòle be nàtsɔ ɖe le teƒe siawo me?\nAve siwo le anyigba xɔdzowo dzi ta kpɔkpɔ le vevie elabena numiemie gbogbo siwo ŋudɔ wowɔna le aƒeme kple le asitsanyawo me siaa siwo dzi wò agbe nɔ te ɖo hã gahiã esiwo miena le wo ɖokui si le gbeme, siwo te ŋu wɔna nyuie le teƒe mawo. Wotrɔa asi le ati siawo siwo miena le wo ɖokui si ŋu eye wowɔa wo ŋudɔ ɣeaɖewoɣi eye ati yeyewo dona tsoa wo me siwo te ŋu nɔa te ɖe dɔléle kple lãvi gblẽnuwo nu wu. Eyata domenyiŋusẽfianu vovovo siwo nɔa nusiawo me la hiã vevie ŋutɔ.\nAzɔ hã numekulawo le nu geɖe siwo ŋu viɖe le kpɔm tso anyigba xɔdzo dzi ve siawo me. Le kpɔɖeŋu me, ave siawo mee wole atike gbogbo siwo li fifia la kpɔm tsoe. Eyata zi geɖe la, wotsɔa nugbagbe ƒomevi vovovo siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi vewo me sɔna kple agbalẽdzraɖoƒe aɖe si le agbe, eye enye esi womekpɔ ʋu \"agbalẽ\" akpa gãtɔ siwo le eme haɖe o.\nNugbagbe Beli Siwo Do Ka Kple Wo Nɔewo\nFafa si nɔa nuto siwo ƒoa xlã anyigba xɔdzo dzi vewo medea ame dzi kura o eye wòwɔ nuku ale gbegbe. Nugbagbe akpe nane siwo nɔa afima hiã wo nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, numiemie geɖe hiã na xe, nudzodzoevi, alo lã aɖewo ƒomevi koŋ hafi woate ŋu aƒo se eye be woƒe kuwo hã nate ŋu akaka. Esi nugbagbewo ƒe agbenɔnɔ wɔnuku alea ta la, avea agate ŋu agbugbɔ nugbagbe siawo katã siwo nye numiemie, lãwo, nudzodzoeviwo, kple nugbagbevi sue siwo le eme la ŋudɔ awɔ. Nukutɔe la, menye anyigba wɔnu dzie nugbagbe siawo siwo ƒe anyinɔnɔ wɔnuku alea nɔna o. Ne wonya tsrɔ̃e ɖa ko la, ate ŋu asesẽ alo maganya wɔ be avea nagagbugbɔ aɖo eteƒe o.\nAnyigba xɔdzo dzi ve siawo dzie ame geɖewo nɔa agbe ɖo. Tsɔ kpe ɖe alesi ave siwo nɔa anyigba xɔdzo dzi nyea afisi sɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku wɔwɔ kple modzakatsaɖiɖi ŋu la, viɖe geɖe gale wo ŋu elabena afimae wokpɔa atiwo, nukuwo, anyitsi, ne, aŋe, kple atimitsi tsonae. Gake ave siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi le vɔvɔm kabakaba ale gbegbe. Xexlẽmea ŋutɔŋutɔ mele nyanya o gake nu ɖeka aɖe ya ɖe dzesi: Aveawo le vɔvɔm kabakaba.\nNusi na nutowo dome gbegblẽ alea mesɔ kura o enye be amewo gblẽa ave siawo dome menye ɖe viɖe si woakpɔ ɖaa ta o. Wotrɔ ave siawo dometɔ geɖe wòzu nyiwo ƒe gbeɖuƒe. Gake enuenu la, anyigbaa megatea ŋu wɔa nu be wòalé lãha siawo ƒe agbe ɖe te o eye wogblẽnɛ ɖi. Woka nya ta be wogblẽ Braziltɔwo ƒe Amazon-nuto si nye anyigba si keke kilometa 165,000 le dzogoe eneawo katã me la ɖi.\nMɔkpɔkpɔ kae li na ave dama siwo me gbemelã gbogbowo nɔna la? Ramiro, Roberto, kple ame bubu geɖe siwo le abe woawo ene le kutri kum be woakpɔ anyigba xɔdzo dzi vewo ta tso dukɔwo dome sitsatsa, amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ, lãlélawo, adedada kple atitsotso manɔsenu ŋuti kuxiwo si me. Gake nukawo koŋue hea avenyigbawo tsɔtsrɔ̃ ɖa vɛ? Ðe mɔ aɖe li si dzi woate ŋu ato awɔ ave damawo ŋudɔ eye womatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ oa?\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Avetsu siwo wobuna be wonye todzi vewoe avetsu siwo le teƒe si kɔkɔ wu meta 1,000 la nye.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]\nLã ƒomevi vovovo kpakple numiemie ƒomevi gbogbo siwo le xexeame godoo dometɔ akpa gãtɔ le anyigba xɔdzowo dzi vewo me\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]\nAtitsolawo kple mɔwo dodo ate ŋu agblẽ nu le ave damawo ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030708\/Avetsu-Damawo-%C3%90e-Woate-%C5%8Au-Akp%C9%94-Wo-Taa\/","date":"2022-07-03T09:08:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104215805.66\/warc\/CC-MAIN-20220703073750-20220703103750-00257.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986228943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986228942871094}","num_words":1036,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tsitretsitsi ɖe Kluvimenɔnɔ Ŋu Tso Gbaɖegbe Ke\n\"Nusi kluvinyenye fia enye be: woasẽ ŋuta le ame ŋu eye wòado dzi atsɔe, woazi ame dzi ŋutasesẽtɔe wòase veve.\"—Euripides, Helatɔ fefeŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ.\nKLUVIMENƆNƆ ŋutinya li tso gbaɖegbe ke eye zi geɖe la menya sena kura o. Tso keke Egipte kple Mesopotamia tɔ siwo ʋu ŋku gbã ŋɔli ke la, dukɔ sesẽwo wɔa esiwo te ɖe wo ŋu siwo mesesẽ o la kluviwoe. Aleae amegbetɔ ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋutinya wɔnublanuiwo dometɔ ɖeka dze egɔmee enye si.\nTso ƒe 2000 va ɖo ƒe 1000 D.M.Ŋ. lɔƒo la, Egipte wɔ dukɔ blibo si me tɔwo ade miliɔn geɖe kluviwoe. (Mose II, 1:13, 14; 12:37) Esime Hela nɔ Mediterranea nutoa dzi ɖum la, kluvi ɖeka ya teti nɔ Helatɔwo ƒe ƒome geɖe si—abe alesi ʋu te ŋu nɔa ƒome geɖe si le dukɔ aɖewo me egbea ene. Helatɔ xexemenunyala Aristotle da asi ɖe nuwɔna sia dzi kple susu be amegbetɔ ƒomea ma ɖe ha eve me, esiwo nye aƒetɔawo kple esiwo nye kluviawo, eye ameha gbãtɔawo kpɔ mɔ aɖe gbe le dzɔdzɔme nu ke eveliawo ya wodzi wo be woanye toɖolawo ko.\nRomatɔwo de kluvinyenye dzi gɔ̃ hã wu Helatɔwo. Le apostolo Paulo ŋɔli la, anɔ eme be Roma dugã me tɔ afã—siwo anɔ ame akpe alafa geɖe la—nye kluviwo. Eye edze abe ele na Roma Fiaɖuƒea be wòadi kluvi miliɔn afã ƒe sia ƒe ne woakpa ŋkuɖodzikpewo, awɔ dɔ le tomenukuƒewo, ade agblewo, eye woasubɔ kesinɔtɔwo le woƒe aƒe gãwo me ene. * Zi geɖe la, wowɔa amesiwo wolé le aʋa me kluviwoe, eyata anye Romatɔwo ƒe kluviwo didi atraɖii ye ƒonɛ ɖe wo nu vevie wòyia edzi nɔa aʋa wɔm.\nTogbɔ be kluvinyenye dzi va ɖe kpɔtɔ kura le Roma Fiaɖuƒea ƒe mumu megbe lɔƒo hã la, egakpɔtɔ nɔ edzi yim. Anyigba Kple Anyigbatɔ Siwo Nɔ England ƒe Ŋutinyagbalẽ (1086 M.Ŋ.), ɖee fia be Englandtɔwo ƒe dɔwɔla 10 le alafa me nye kluviwo le Titinaɣeyiɣiwo me. Eye aʋadziɖuɖu me ke wotona kpɔa kluviawo.\nGake tso keke Kristo ŋɔli ke la, anyigbagã aɖeke me tɔwo mekpe fu le kluvisitsatsa me kpɔ de Afrika nu o. Do ŋgɔ na Yesu ŋɔli gɔ̃ hã la, Egiptetɔwo ƒlea Ethiopia-kluviwo gagbugbɔ wo dzrana. Le ƒe siwo anɔ 1,250 la, wokplɔ Afrikatɔ siwo ade miliɔn 18 yi Europa kple Titina Ɣedzeƒe be woatsɔ akpɔ kluviwo didi ƒe nya la gbɔ le teƒe mawo. Esi wowɔ Amerika dutanyigbae tso ƒe alafa 16 lia megbe la, eva zu kluvisi yeye eye kluvisitsatsa to Atlantik-ƒua dzi va zu dɔ si me wokpɔa ga gbogbo le le xexeame. Ŋutinyaŋlɔlawo bu akɔnta be tso ƒe 1650 va ɖo 1850 la, wokplɔ kluvi siwo wu miliɔn 12 tso Afrika. * Wodzra wo dometɔ geɖe le kluvisiwo me.\nTsitretsitsi ɖe Kluvinyenye Ŋu\nLe ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo ʋli wo ɖokui ta vevie be yewoado le kluvinyenye te. Le ƒe alafa gbãtɔ do ŋgɔ na Kristo me la, Spartacus nɔ ŋgɔ na Roma-kluviwo ƒe aʋakɔ si me ame 70,000 nɔ be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ gake medze edzi o. Haiti-kluviwo ƒe aglãdzedze, si dzɔ ƒe alafa eve aɖewo enye esi va yi ya kpɔ dzidzedze geɖe si na woɖo ɖokuisinɔnɔ dziɖuɖu anyi le ƒe 1804.\nGake kluvinyenye nɔ anyi eteƒe didi wu le United States. Kluvi siwo ʋli vevie be yewoaɖe yewo ɖokui kple yewoƒe ame veviwo la nɔ anyi. Eye ablɔɖeme aɖewo tsɔ wo ɖokui ke tsi tre ɖe kluvinyenye ŋu vevie nɔ gbɔgblɔm be woaxe mɔ ɖe kluvisitsatsa nu eye wokpena ɖe kluvi sisilawo hã ŋu. Ke hã keke ƒe alafa 19 lia me ke hafi wote ŋu de se ɖe enu le dukɔa me katã. Ke egbea ya ɖe?\nÐe Wowɔ Aʋa ɖe Eta Dzodzroa?\nXexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi gblɔ be: \"Womawɔ ame aɖeke kluvi alo ana wòanɔ kluvi me o; woaxe mɔ ɖe kluvimenɔnɔ kple kluvisitsatsa ƒomeviwo katã nu.\" Taɖodzinu ma si woɖe gbeƒãe dzonɔamemetɔe le ƒe 1948 me la dze na kafukafu vavã. Amenuvela geɖewo zã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo be woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ. Ke hã dzidzedzekpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o.\nAbe alesi nyati si do ŋgɔ ɖee fia ene la, ame miliɔn geɖewo kua kutri dzodzro le nɔnɔme manyomanyowo me, eye wo dometɔ geɖe nye amesiwo woƒle alo dzra akpasesẽe. Togbɔ be woɖo tame nyuiwo be woatsɔ aɖe kluvinyenye ɖa—eye wowɔ sewo le dukɔwo dome takpekpewo me be woatsɔ axe mɔ ɖe enu hã la—amesiame ƒe ablɔɖe vavã me nɔnɔ gakpɔtɔ nye taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ. Xexeame godoo ƒe asitsatsa si de nu wo nɔewo me na be wokpɔa ga geɖe le adzame kluvisitsatsa me. Le ema megbe la, eva le dzedzem abe kluvimenɔnɔ le aƒe xɔm ɖe ame aɖewo dome ene. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali oa? Na míakpɔe ɖa.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 5 Blemagbalẽ aɖe gblɔ be kluvi siwo ƒe agbɔsɔsɔme ade 20,000 te ŋu nɔa Roma kesinɔtɔ gã aɖewo si.\n^ mm. 7 Mawunyagblɔla gblẽku aɖewo gblɔna be Mawu da asi ɖe amesitsatsa vɔ̃ɖi sia dzi. Esia na be nukpɔsusu gbegblẽa kpɔtɔ le ame geɖe si be Biblia da asi ɖe ŋutasesẽ sia dzi gake mele nenema o. Taflatse kpɔ September 8, 2001, ƒe Nyɔ! ƒe nyati si nye \"Biblia ƒe Nukpɔsusu: Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?\"\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]\nTsã la wova dzraa amesiwo wokplɔ de kluvimeli tso Afrika (si le etame) la le Amerikatɔwo ƒe kluvisi me zi geɖe\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nGodo-Foto\nArchivo General de las Indias","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020708\/Tsitretsitsi-%C9%96e-Kluvimen%C9%94n%C9%94-%C5%8Au-Tso-Gba%C9%96egbe-Ke\/","date":"2022-07-04T13:00:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104375714.75\/warc\/CC-MAIN-20220704111005-20220704141005-00353.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993363619,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993363618850708}","num_words":891,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ɣekaɣi Manɔ Yɔwòm Sesĩe . . . Ase Ðo?\"\nJayne gblɔ kple avi be: \"Medi vevie be nye vevesesea nu natso!\" Kansadɔ nɔ fu ɖem nɛ eye dɔa nɔ kakam ɖe eƒe lãme katã. Ne ɖe ŋutete le eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo si la, anye ne woaɖe eƒe dɔlélea ɖa le edzi enumake, ale be eƒe nuxaxaa nu natso! Wodo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe eŋu. Ðe Mawu aɖo to woƒe gbedodoɖa? Ðe wòtsɔ ɖe le emea?\nMAWU nya nu siwo me tom ameƒomea le. Eƒe Nya, Biblia la, gblɔ be: \"Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae.\" (Romatɔwo 8:22) Mawu nya be ame miliɔn alafa geɖewo le veve sem le ŋutilã me, le seselelãme gome, alo le susu me gbe sia gbe abe Jayne ke ene. Mawu kpɔa ame miliɔn 800 siwo mlɔa anyi dɔmeɣi zã sia zã, ame miliɔn geɖe bubu siwo ŋu wowɔa ŋutasẽnuwo ɖo le aƒe me, kple dzila geɖe siwo tsia dzi ɖe ale si etsɔme ava nɔ na wo viwo kple woƒe dedienɔnɔ ŋu la hã. Ðe èbia ɖokuiwò kpɔ be, ɖe Mawu ava wɔ nane le nɔnɔme siawo ŋu hã? Esi wònye nyateƒe be míedina be míakpe ɖe míaƒe ame veviwo ŋu ta la, ɖe Mawu ya madi geɖe wu be yeakpe ɖe amegbetɔ, siwo nye eƒe nuwɔwɔ la, ŋu oa?\nNe èbia nya mawo ke ɖokuiwò kpɔ la, ekema nyae be menye wòe nye ame gbãtɔ si bia nya siawo o. Ƒe 2,600 kple edzivɔwoe nye esia la, ŋutsu nuteƒewɔla aɖe, si ŋkɔe nye Xabakuk, hã se le eɖokui me abe ale si wòle le ame geɖewo gome egbea ene, eye wòbia Mawu be: \"Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nàgbe esese ase ɖo? [Va se ɖe ɣekaɣi mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, eye màxɔ nam o?] Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?\" (Xabakuk 1:2, 3) Xabakuk, si nye Hebritɔ nyagblɔɖila la, kpɔ nu vlo wɔwɔ dziŋɔ siwo amewo wɔna tamemabumabutɔe kple anyrawɔwɔwo teƒe le eƒe ŋkekeawo me. Egbea la, míesea nuwɔna mawo, siwo gbãa dzi na ame siwo sea veve ɖe ame nu la, ŋu nya gbe sia gbe.\nÐe Mawu do toku nu siwo ŋu Xabakuk tsi dzi ɖoa? Ao. Eɖo to nya siwo Xabakuk bia tso dzi blibo me la, eye wòfa akɔ na ŋutsu sia si dzi nu te ɖo vevie la hede dzi ƒo nɛ. Yehowa Mawu do ŋugbe na Xabakuk be yeava ɖe fukpekpewo ɖa tsɔ do ŋusẽ eƒe xɔse. Mawu ƒe nya sia si naa mɔkpɔkpɔ ame la ate ŋu ana kakaɖedzi nasu wò hã asiwò, abe ale si wòna kakaɖedzi Jayne kple eƒe ƒometɔwo ene. Nyati siwo kplɔ esia ɖo la aɖo biabia siawo ŋu: Nu kae na míeka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã? Nu kae Mawu awɔ atsɔ aɖe fukpekpewo ɖa, eye ɣekaɣie wòle ewɔ ge?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091201\/%C6%94eka%C9%A3i-Man%C9%94-Y%C9%94w%C3%B2m-Ses%C4%A9e-Ase-%C3%90o\/","date":"2022-07-05T06:47:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104514861.81\/warc\/CC-MAIN-20220705053147-20220705083147-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972290993,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972290992736816}","num_words":489,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"16 Eya ta esi Sabat+ la va yi vɔ la, Maria Magdalatɔ kple Maria+ si nye Yakobo dada kpakple Salome woƒle atike ʋeʋĩwo be yewoayi aɖasi na Yesu ƒe kukua.+ 2 Eye le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya esi agu dze la, wova yɔdo*+ la to. 3 Eye wonɔ wo nɔewo biam be: \"Ame kae amli kpea ɖa le yɔdoa nu na mí?\" 4 Ke esi wofɔ kɔ dzi la, wokpɔe be womli kpea ɖa xoxo, togbɔ be elolo ŋutɔ hã.+ 5 Esi woge ɖe yɔdoa me la, wokpɔ ɖekakpui aɖe wòbɔbɔ nɔ ɖusime le awu ʋlaya ɣi me, eye dzidzi ƒo wo. 6 Egblɔ na wo be: \"Dzidzi megaƒo mi o.+ Menya be Yesu Nazaretetɔ si wohe ɖe ati ŋu la dim miele. Wofɔe ɖe tsitre.+ Mele afi sia o. Mikpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa!+ 7 Ke miheyi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro be, 'Edze mia ŋgɔ yina Galilea.+ Afi mae miakpɔe le, abe ale si wògblɔe na mi ene.'\"+ 8 Eye esi wodo go la, wode afɔ du me tso yɔdo la gbɔ, henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Eye womegblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o, elabena vɔvɔ̃ lé wo.*+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ŋkuɖodziyɔdo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/marko\/16\/","date":"2022-06-25T02:14:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103033925.2\/warc\/CC-MAIN-20220625004242-20220625034242-00609.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995991588,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995991587638855}","num_words":194,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Taɖodzinuawo gbɔ Ðoɖo\nDUKƆWO dome nyuidiname, nɔvisiléle, ŋutifafa—amekae makafu taɖodzinu nyui mawo o? Baron Pierre de Coubertin, si gbugbɔ Olympic la ɖo anyi xɔe se be fefeawo ade bubu deto hoʋlilawo ŋu, metsɔ le woƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔ, alo ŋutsu alo nyɔnu nyenye me o, ale be woaɖu dukɔwo dome fuléle dzi. Esusui be \"ame ɖekaɖeka siwo ɖɔʋu koe ate ŋu ahe xexe si nyo wu vɛ.\" Gake ɖe kamedefefe ate ŋu ahe xexeame ƒe ŋutifafa vɛ vavãa? Ne míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ va yi ŋu la, míaɖo eŋu be ao.\nTogbɔ be kamedefefe wɔa akpa aɖe hã la, Biblia me nufiame ye nye nu vevitɔ si ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ. Le nyateƒe me la, Biblia me gɔmeɖosewoe ate ŋu ana 'amewo naɖɔʋu,' abe alesi Coubertin gblɔe ene. Bu mawunyakpukpui aɖewo siwo hea ŋutifafa vaa amesiwo wɔa wo ŋudɔ dome, eɖanye dukɔ ka mee wotso o ŋu kpɔ.\n\"Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\"—Yohanes 13:35.\n\"Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!\"—Romatɔwo 12:18.\n\"Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame.\"—Galatiatɔwo 6:10.\n\"Ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.\"—Timoteo I, 4:8.\nÐe susu nyui siwo dze le mawunyakpukpui siawo me wɔa dɔ ŋutɔŋutɔa? Bu nusi dzɔ le Munich le Germany ŋu kpɔ. Le ƒe 1974 me, si nye ƒe eve pɛ tso esime ŋɔdzidoname kple amewuwu gblẽ Olympics Fefe si wowɔ le dugã ma me megbe la, Yehowa Ðasefowo wɔ dukɔwo dome takpekpe gã le Olympic Kamedefefewɔƒe ma ke. Vavalawo dometɔ aɖewo tso Greece kple Turkey—dukɔ siwo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo. Le nyateƒe me le dzomeŋɔli ma me la, Greece kple Turkey srafowo nɔ aʋa wɔm ɖe ƒukpo si nye Cyprus ta. Ðe aʋa la akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ siwo va takpekpea dzia? Ao! Aleke gbegbe wòwɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzii enye si be wokpɔ Greecetɔwo kple Turkeytɔwo wokpla asi kɔ na wo nɔewo hele wo nɔewo yɔm be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu!\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo be dukɔ si me wo tso, gbeɖekadodo, kple towo dome mamawo menyea mɔxenu na woƒe ŋutifafa o. Menye ɖe wole gbɔgblɔm be yewoɖo xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ bliboe o. Abe ame bubu ɖesiaɖe ene la, ele be woadze agbagba vevie awɔ ɖe Kristotɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: 'Miɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye miado ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.' (Kolosetɔwo 3:9, 10) Ke hã woxɔe se vevie be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu 'woadi ŋutifafa, eye woati eyome.'—Petro I, 3:11.\nNublanuitɔe la, Olympic fefeawo—togbɔ be taɖodzinu kɔkɔwo le esi hã—na nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake si le amewo me la dze. To vovo na ema la, Mawu ƒe Nya sẽŋu la naa amewo ɖea nɔnɔme nyuitɔ kekeake si le wo si fia, eye wòdoa dukɔwo dome nyuidiname kple ŋutifafa ɖe ŋgɔ.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]\nOlympic fefeawo dea hoʋiʋli ƒe dzi ƒo\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nAus dem Fundus der MÜNCHNER OLYMPIAPARK GMBH, München\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]\nBiblia dea ŋutifafa ƒe dzi ƒo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000908\/Ta%C9%96odzinuawo-gb%C9%94-%C3%90o%C9%96o\/","date":"2022-08-08T19:28:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570871.10\/warc\/CC-MAIN-20220808183040-20220808213040-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988510013,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988510012626648}","num_words":542,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Nenema kee mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo,+ ale be ne srɔ̃ŋutsu aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo,+ 2 esi woawo ŋutɔ kpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ+ kple bubu deto la ta. 3 Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ, to ɖaƒoƒo kple sikanuwo dodo+ alo awu xɔasiwo dodo me o, 4 ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla si nye gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo+ la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo si megblẽna o, si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume. 5 Elabena alea nyɔnu kɔkɔe siwo nɔ anyi le blema siwo nɔ mɔ kpɔm na Mawu la hã ɖoa atsyɔ̃e, eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, 6 abe ale si Sara ɖoa to Abraham heyɔnɛ be aƒetɔ ene.+ Eye ne mieyia edzi wɔa nu nyui, eye mievɔ̃a ŋɔdzidodo aɖeke o la, ekema miezu viawo.+ 7 Nenema kee mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me.* Nyɔnuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo* wu mi, eya ta mide bubu wo ŋu,+ elabena mia kpli wo siaae nye agbe ƒe amenuveve la domenyilawo,+ ale be miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o. 8 Mlɔeba la, mi katã miaƒe susu nawɔ ɖeka,+ mise veve ɖe ame nu, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu,+ mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi.+ 9 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe+ alo dzudzu dzudzu teƒe o.+ Ke miyra amewo boŋ,+ elabena agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, be mianyi yayra dome. 10 Elabena \"ame si lɔ̃a agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi le vɔ̃ ŋu,+ kple eƒe nuyiwo dzi le amebeble ŋu. 11 Netrɔ ɖa le vɔ̃ ŋu,+ eye wòawɔ nu nyui;+ nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.+ 12 Elabena Yehowa* ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu,+ ke Yehowa* tɔa ŋku nu vɔ̃ɖi wɔlawo.\"+ 13 Le nyateƒe me la, ame kae awɔ nu vevi mi, ne miedoa vevie nu le nu nyui wɔwɔ me?+ 14 Ke ne ehiã be miakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta hã la, dzi dzɔa mi.+ Ke migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole la o, eye dzika negatso mia ƒo hã o.+ 15 Ke boŋ mikɔ Kristo la si nye Aƒetɔ ŋu le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake miwɔe le tufafa+ kple bubu deto me.+ 16 Milé dzitsinya nyui me ɖe asi,+ ale be le nu sia nu si me wogblɔa nya vlo ɖe mia ŋu le me la, ŋu nakpe ame siwo gblɔa nya vlowo ɖe mia ŋu la+ le esi mienɔa agbe nyui abe Kristo yomedzelawo ene ta.+ 17 Elabena enyo be miakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta,+ ne emae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, wu be miakpe fu le vɔ̃wɔwɔ ta.+ 18 Elabena Kristo ku zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu ɖe nu vɔ̃wo ta,+ ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔwo teƒe,+ ne wòakplɔ mi ayi Mawu gbɔ.+ Wowui le ŋutilã me,+ ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.+ 19 Esi wòle nɔnɔme sia me la, eyi ɖaɖe gbeƒã na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me la hã,+ 20 gbɔgbɔ siwo sẽ to ɣemaɣi, esime Mawu gbɔ dzi ɖi blewu nɔ lalam le Noa ƒe ŋkekea+ me esi wonɔ aɖakaʋu,+ si me ame ʋɛ siwo nye luʋɔ* enyi nɔ hetsi agbe le tsiɖɔɖɔa me, la kpam.+ 21 Nyɔnyrɔxɔxɔ si sɔ kple esia lae na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia (menye ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo ɖeɖe ɖa o, ke boŋ kukuɖeɖe na Mawu be wòana dzitsinya nyui nanɔ ame si),+ to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la dzi. 22 Eyi dziƒo, eye wòle Mawu ƒe ɖusime,+ eye wotsɔ mawudɔlawo kple dziɖulawo kpakple ŋusẽtɔwo de ete.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"mianɔ wo ŋu bum; mianɔ nu gɔme sem na wo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Wonye nugoe siwo ate ŋu agbã bɔbɔe.\"\n^ Alo, \"ame.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-petro\/3\/","date":"2022-08-10T13:41:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571190.0\/warc\/CC-MAIN-20220810131127-20220810161127-00327.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990309477,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990309476852417}","num_words":633,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawue loo alo Amegbetɔe?\n\"NYEE nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.\" (Yohanes 8:12) Yesu Kristoe gblɔ nya siawo. Agbalẽnyalagã aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋlɔ tso eŋu be: \"[Enye] amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.\" (Kolosetɔwo 2:3) Gawu la, Biblia gblɔ be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3) Yesu ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu le vevie hafi míate ŋu asubɔ Mawu wòade edeƒe.\nAme gbogbo aɖewo se nu tso Yesu Kristo ŋu le xexeame godoo. Ðikeke mele ame aɖeke me ɖe alesi wòxɔ ŋkɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya mee ŋu o. Le nyateƒe me la, ƒe si wosusu be eya mee wodzii dzie wonɔ te ɖo wɔ ɣletigbalẽ siwo wozãna le xexeame ƒe teƒe geɖe. The World Book Encyclopedia ɖe nu me be: \"Ame geɖe yɔa ƒe siwo do ŋgɔ na edziɣi be B.C., alo before Christ (do ŋgɔ na Kristo). Wozãna A.D., alo anno Domini (le mía Aƒetɔ ƒe ƒea me), na ƒe siwo kplɔ edziɣi ɖo.\"\nKe hã, amesi Yesu nye ŋuti nukpɔsusu vovovowoe le amewo si. Le ame aɖewo gome la, ame xɔŋkɔ aɖe koe wònye le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Gake ame bubuwo ya subɔnɛ abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Hindutɔ aɖewo tsɔa Yesu Kristo ko abe Hindutɔwo ƒe Krishna, si wo dometɔ geɖe gblɔna be enye mawu si dzɔ ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la ene. Amegbetɔ dzro aɖe koe Yesu nyea, alo ame aɖe si wòle be woasubɔe wònye? Ameka tututue Yesu nye? Afikae wòtso va dzɔ? Nɔnɔme kawoe nɔ esi? Eye afikae wòle fifia? Agbalẽ aɖe si gblɔ nya geɖe ku ɖe Yesu ŋu la ana míakpɔ biabia siawo ŋuti ŋuɖoɖo vavãwo le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050915\/Mawue-loo-alo-Amegbet%C9%94e\/","date":"2022-08-13T12:19:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571950.76\/warc\/CC-MAIN-20220813111851-20220813141851-00575.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987428784,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987428784370422}","num_words":314,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"25 Oo Yehowa, wòe nye nye Mawu. Medo wò ɖe dzi, mekafu wò ŋkɔ,Elabena èwɔ nukunuwo,+Nu siwo nèɖo tso blema ke,+Le nuteƒewɔwɔ+ kple nyateƒe me. 2 Elabena èna du la zu aƒedo,Du sesẽ la zu glikpo, Du bubu me tɔwo ƒe mɔ́ sesẽ meganye du azɔ o,Womagagbugbɔe atso akpɔ o. 3 Esia tae dukɔ sesẽwo akafu wò;Dukɔ sẽŋutawo ƒe duwo avɔ̃ wò.+ 4 Elabena èzu mɔ́ sesẽ na ame tsɛ,Mɔ́ sesẽ na ame dahe le eƒe xaxa me,+Sitsoƒe tso yatsi nu,Kple vɔvɔli tso dzoxɔxɔ nu.+ Ne ŋutasẽla ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe yatsie le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene, 5 Abe dzoxɔxɔ le kuɖiɖinyigba dzi ene hã la,Àna ame tutɔwo ƒe hoowɔwɔ nayi to. Ale si alilikpo ƒe vɔvɔli nana dzoxɔxɔ ɖiɖina la,Nenemae ŋutasẽlawo ƒe haƒoƒo nu atsii. 6 Aʋakɔwo ƒe Yehowa aɖo kplɔ̃ na dukɔwo le to sia dzi,+Atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃,+Atsɔ wain nyuitɔwo* aɖo kplɔ̃,Nuɖuɖu dami siwo me ƒutomemi le,Wain siwo me dzae wòatsɔ aɖo kplɔ̃ lae. 7 Aɖe nutsyɔnu* si tsyɔ dukɔwo katã dziKple avɔ* si tsyɔ dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi. 8 Ami ku* tegbee,+Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.+ Aɖe eƒe dukɔ ƒe ŋukpe ɖa le anyigba bliboa dzi,Elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe. 9 Gbe ma gbe la, woagblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Mía Mawue nye esi!+ Míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe eya amea dzi,+Eyae aɖe mí.+ Yehowae nye esi! Míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe eya amea dzi. Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe xɔname ŋu.\"+ 10 Elabena Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi,+Eye woafanya Moab ɖe enɔƒe+Abe ale si wofanyaa gbe ɖe aɖu si woli kɔe me ene. 11 Ake abɔ aƒo Moab,Abe ale si tsiƒula kea abɔ me ƒua tsii ene,Eye wòatsɔ eƒe asiwo aƒoe aɖaŋutɔeAtsɔ abɔbɔ eƒe dada ɖe anyi.+ 12 Amu du sesẽ la kple eƒe gli kɔkɔ siwo kpɔa eta laAƒu anyi;Abɔbɔe ɖe anyi ava ɖo keke anyigba ke, eye wòatee ɖe ke me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"wain siwo ɖo ƒã.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ami nutsyɔnu.\"\n^ Alo, \"motsyɔnu.\"\n^ Alo, \"Aɖe ku ��a.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/25\/","date":"2022-08-11T08:54:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571246.56\/warc\/CC-MAIN-20220811073058-20220811103058-00283.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99874264,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987426400184631}","num_words":327,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔkpɔkpɔ na Ŋuɖuilélawo\nÐK. FATIMA MILI gblɔ be: \"Ŋuɖui menye dɔléle si hea ku vɛ zi geɖe abe dzidɔ alo kansa ene o, gake ekpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe agbe si tɔgbe wova nɔna dzi.\" Ŋuɖui ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi le goawo katã me. Nukawoe nye kuxi aɖewo siwo ŋuɖuilélawo doa goe koŋ? Ðe wòanya wɔ be woanɔ te ɖe wo nua?\nKatia, * si xɔ 28, tso Italy gblɔ be: \"Nye agbe bliboa trɔ tso esime wokpɔ ŋuɖui le ŋunye esi mexɔ ƒe 20. Eva hiã be madzudzɔ nye dɔwɔɖuia kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si mewɔna la le veveseseawo ta.\" Vevesesee nye fu siwo ŋuɖuilélawo kpena zi geɖe. Alan si xɔ ƒe 63, si tso England gblɔ be: \"Ànɔ veve sem le wò ŋutilã ƒe akpa aɖe kokoko, togbɔ be enu masẽ akpa ya o.\" Ðeɖiteameŋu ganye kuxi bubu. Sarah, amesi xɔ ƒe 21 gblɔ be: \"Ne ète ŋu do dzi le vevesesea kple nutetea me gɔ̃ hã la, ɖeɖiteameŋua ya wua tsɔtsɔ.\"\nVevesese si Tsoa Seselelãme Me\nSetsuko, Japantɔ si xɔ ƒe 61 gblɔ be kutrikuku gbesiagbe be nànɔ te ɖe vevesese nu ate ŋu ana \"nàgbɔdzɔ le seselelãme kple susu me.\" Nuŋlɔti léle ɖe asi alo telefon tsɔtsɔ gɔ̃ hã ate ŋu anye kuxi! Kazumi, amesi xɔ ƒe 47, fa konyi be: \"Nu tsɛ siwo ɖevi ate ŋu awɔ gɔ̃ hã wɔwɔ zu agba nam.\" Janice amesi xɔ ƒe 60 eye megate ŋu nɔa tsitre ɖe eƒe afɔwo dzi ɣeyiɣi didi o la gblɔ be: \"Eɖea dzi le ƒonye ŋutɔ elabena nyemegate ŋu wɔa nusiwo mewɔna tsã la o.\"\nXaxa siawo ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo eye wòana woanɔ nu madzemadzewo ŋu bum ɖe ame ɖokui ŋu. Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si nye Gaku, amesi xɔ ƒe 27 la gblɔ be: \"Esi nyemete ŋu kpɔa gome le nyanyuigbɔgblɔdɔa me alo le hamea me dɔdasiwo wɔwɔ me bliboe o ta la, mesenɛ le ɖokuinye me be viɖe aɖeke kura mele ŋunye o.\" Francesca, amesi ŋuɖui le fu ɖem na tso esime wòxɔ ƒe eve la gblɔ be \"ele abe ɖe wòle kplɔyem de mɔkpɔkpɔbuɖeame me ʋĩ ene.\" Dziɖeleameƒo sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi le gbɔgbɔ me. Joyce si nye Ðasefo si tso South Africa gblɔ be yeva nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dam ƒu. Eɖe nu me be: \"Nyemete ŋu manɔ te ɖe ame aɖeke ŋku me o.\"\nEtsɔme ŋu bubu ate ŋu ana ŋuɖuiléla natsi dzodzodzoe—vɔvɔ̃ na teƒe ɖeka tsitsi kple ŋuɖoɖo ɖe ame bubuwo ŋu na nusianu wɔwɔ, vɔvɔ̃ na akogotsitsi, vɔvɔ̃ na anyidzedze kple ŋeŋe, vɔvɔ̃ be womate ŋu ava kpɔ ƒomea dzi o. Yako, amesi xɔ ƒe 52, gblɔ be: \"Ne mekpɔ nye ƒunukpeƒewo le gɔglɔ̃m la, vɔvɔ̃ ɖoam be egbɔna gã do ge ɖe edzi.\"\nNu ate ɖe ƒomea me tɔwo hã dzi le seselelãme gome ne wole woƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe fukpekpe teƒe kpɔm gbesiagbe. Masɔmasɔwo ate ŋu aɖo srɔ̃tɔ aɖewo gɔ̃ hã dome. Nyɔnu Englandtɔ aɖe si woyɔna be Denise gblɔ be: \"Le mía kple srɔ̃nye ƒe anyinɔnɔ ƒe 15 megbe la, eʋu eme nam be, 'Nyemagate ŋu anɔ te ɖe wò ŋuɖuia nu azɔ o!' Edzo le mía kple vinyenyɔnuvi si xɔ ƒe 5 la gbɔ.\"\nEyata ŋuɖui te ŋu hea kuxi gãwo vaa elélawo kple woƒe ƒomea me tɔwo dome. Ke hã ame geɖe le te nɔm ɖe enu dzidzedzetɔe! Na míakpɔ alesi wòle na wo dometɔ aɖewoe ɖa.\nŊudzɔnɔnɔ ɖe Wò Ŋutetewo Ŋu\nÐiɖiɖeme nyuie hiã vevie ne ŋuɖuilélae nènye; ate ŋu aɖe ɖeɖiteameŋu dzi akpɔtɔ. Gake esia mefia be nàna ta le agbe me o. Timothy ɖe eme be: \"Ele be nànɔ nane wɔm ɣesiaɣi ale be màna ŋuɖui nakpɔ ŋusẽ ɖe wò susu dzi o elabena ne edzɔ alea la, ɖeko nànɔ afima anɔ veve sem.\" Ŋuɖuiŋutinunyala William Ginsburg, amesi le Mayo Dɔdaƒe gblɔ be: \"Vovototo aɖe si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o la le nu geɖe akpa wɔwɔ kple nu sue aɖe ko wɔwɔ dome. Ɣeaɖewoɣi eva hiãna be woaɖo ŋku edzi na ame aɖewo be woagbɔ dzi ɖi eye woanya be dɔléle le yewo ŋu.\"\nEsia abia be nàwɔ tɔtrɔ le alesi nèbua wo ŋutetewoe ŋuti. Daphne, si tso South Africa gblɔ be: \"Enɔ nam be mato nyateƒe na ɖokuinye eye manya be ŋutete si le asinye be mawɔ nanewo nu meva yi o; ɖeko wole nam be magbɔ dzi ɖe anyi wu le wo wɔwɔ me. Le esi teƒe be matsi dzi alo matsi dzodzodzoe la, mewɔa nuwo vivivi boŋ.\"\nAnyo be nànya nu tso dɔwɔnu vovovo siwo li siwo kpena ɖe ame ŋu si nàte ŋu azã, ɖewohĩ mia kple wò atikewɔla alo kamedededɔyɔmɔnufiala miade ŋugble le wo ŋu. Keiko gblɔ be: \"Míede atrakpuiliamɔ̃ aɖe. Ʋɔtrusiléƒe si wotrona vea alɔnu nam eyata míeɖɔ li wo. Fifia mate ŋu atsɔ nye ta atutu ʋɔtru ɖesiaɖe aʋui. Míede pɔmpisiléƒe siwo wofɔna ɖe dzi la pɔmpi siwo katã le aƒea me ŋu be mate ŋu awɔ aƒemedɔ aɖewo ya teti.\" Gail, amesi nye ŋuɖuiléla bubu gblɔ be: \"Wowɔ asiléƒe didiwo ɖe nye ʋusafui kple nye ʋɔtrusafuiwo ŋu nam si naa etotro nɔa bɔbɔe. Asiléƒe siwo didi le nye yiɖa kple blɔswo ŋu siwo mate ŋu atrɔ ɖe axa si medi dzi atsɔ avu ɖa alo akplɔ afɔkpa ŋu.\"\nƑomea Me Tɔwo ƒe Kpekpeɖeŋu—'Mɔ̃ Sese Wònye'\nClara amesi nye Braziltɔ gblɔ be: \"Srɔ̃nyeŋutsua ƒe kpekpeɖeŋu nye nu vevi nam. Alesi wòkplɔm yia atikewɔla gbɔ ɖeɖe dea dzi ƒo nam. Mía kplii siaa míekpɔ alesi dɔlélea le nu gblẽm le ŋunyee, dɔa ƒe dzesiwo, kple dɔdamɔnu si ahiã. Nye dzi dzea eme elabena ete ŋu sea nusi me tom mele la gɔme.\" Ẽ, srɔ̃tɔ siwo dzea si wo srɔ̃wo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ eye wodi be yewoanya nu geɖe tso dɔlélea ŋu la ate ŋu anye ŋusẽdoame kple kpekpeɖeŋu tsoƒe gã aɖe na wo srɔ̃wo.\nLe kpɔɖeŋu me, Bette di nukpɔkplɔ dɔ nɔ wɔwɔm esi ŋuɖui na be srɔ̃a dzudzɔ eƒe xɔtudɔ wɔwɔ. Menye ɖeko Kazumi srɔ̃ŋutsua kpɔa edzi ɖeɖe ko o ke ewɔa aƒemedɔ siwo nyɔnua mate ŋu awɔ o hã. Gakpe ɖe eŋu la, ehe wo viawo hã be woawɔ nusianu si woate ŋui atsɔ ana kpekpeɖeŋu. Kazumi gblɔ be: \"Srɔ̃nye nye mɔ̃ sesẽ nam. Ne menye eƒe kpekpeɖeŋue o la, anye ne manɔ nam bɔbɔe o.\"\nNyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Carol si nye Australiatɔ xlɔ̃ nu be: \"Kpɔ nyuie be màgade nu gbogbowo wo ɖoɖowɔɖi me o. Ne nyemete ŋu le nye akpa dzi wɔm le ƒomea me o la, meva senɛ le ɖokuinye me be ŋutete mele ŋunye o.\" Ne ƒomea me tɔwo tsɔ nugɔmesese kple ameŋububu na kpekpeɖeŋui la, ate ŋu anye mɔ̃ sesẽ na ŋuɖuilélawo.\nGbɔgbɔmekpekpeɖeŋu\nKatia gblɔ be: \"Ne ame aɖe lé dɔ sia tɔgbe la, esenɛ le eɖokui me be ye ɖeka koe nya nusi le ye wɔm. Esia na wòhiã vevie be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu esi míenyae be esea míaƒe Psalmo 31:8) Ƒomedodo nyui si le mía kplii dome naa tomefafam be mete ŋu doa dzi le nye dɔlélea me.\" Biblia la yɔ Yehowa wòsɔ be \"akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.\"—Korintotɔwo II, 1:3, 4.nɔnɔme kple seselelãmewo gɔme na mí. (\nGbedodoɖa ate ŋu anye akɔfafa sẽŋu aɖe na amesiwo le dɔmavɔleameŋu ƒe fu kpem. Kazumi gblɔ be: \"Le zã didi siwo me nyemete ŋu dɔa alɔ̃ o le vevesese ta la, metsɔa aɖatsi gblɔa nye dzimenyawo na Yehowa hebiaa eƒe ŋusẽdoame be mate ŋu ado dzi le vevesesea me, kpakple nunya be mate ŋu anɔ te ɖe nye kuxiawo nu. Yehowa ɖoa eŋu nam hã vavã.\" Nenema ke Francesca hã kpɔ kpekpeɖeŋu si Mawu nana lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ be: \"Filipitɔwo 4:13 va eme nam, si gblɔ be: 'Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.'\"\nZi geɖe la, Yehowa naa kpekpeɖeŋu to Kristo-hamea dzi. Le kpɔɖeŋu me, Gail ƒo nu tso kpekpeɖeŋu siwo wòxɔ tso gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ me ŋu. Gail gblɔ be: \"Woƒe lɔlɔ̃ nam kpe ɖe ŋunye be nyemelé blanui o.\" Nenema ke esi wobia Keiko be, \"Ðe nàte ŋu aɖo ŋku nu nyui aɖe si teƒe nèkpɔ le wò agbe me dzi hã?\" la, eɖo ŋu be: \"Ẽ, eyae nye lɔlɔ̃ kple akɔfafa siwo mexɔ tso hamea me tɔ ɖesiaɖe gbɔ!\"\nLe Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, dzikpɔlawo xɔa ŋgɔ naa kpekpeɖeŋu. Setsuko gblɔ be: \"Alesi gbegbe wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ne hamemegãwo ɖo to se amesi le avu wɔm kple dɔléle aɖe ƒe nya eye wofa akɔ nɛ la wua gbɔgblɔ nam.\" Ke hã Daniel si le ŋuɖui lém la xlɔ̃ nu mí be, \"ne míeɖe mɔ na míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ko hafi woate ŋu akpe ɖe mía ŋu.\" Eyata ele vevie be amesiwo le ŋuɖui lém nade ha kple hati Kristotɔwo ɣesiaɣi ale be woawɔ wo tɔ sinua be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Afimae woate ŋu akpɔ gbɔgbɔ me dzideƒo si hiã la le be woanɔ te ɖe enu.\nFukpekpewo Nu Ava Yi\nŊuɖuilélawo kpɔa ŋudzedze ɖe ŋgɔyiyi siwo atikeŋutinunyalawo te ŋu wɔ va ɖo fifia ŋu. Ke hã, egbɔkpɔmɔnu nyuitɔ kekeake si li fifia mete ŋu danɛ keŋkeŋ o. Mlɔeba la, elélawo ate ŋu akpɔ akɔfafa gãtɔ kekeake ne woxɔ Mawu ƒe xexeme yeye ƒe ŋugbedodowo dzi se. * (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Le xexe yeye ma me la, \"xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.\" (Yesaya 35:6) Ŋuɖui kple dɔléle bubu siwo katã ɖea fu na ameƒomea nu ayi tegbee! Peter, amesi le dzimeƒu me ŋuɖui lém la gblɔ be: \"Susu nyui aɖe li si ta mele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe ɖo.\" Nyɔnu Kristotɔ aɖe si woyɔna be Giuliana hã gblɔ be: \"Mebua ŋkeke sia ŋkeke si va yi la be enye aʋadziɖuɖu nam, ŋkeke ɖeka gado le ŋkeke siwo susɔ nam be mado dzi hafi nuwuwu nava la me!\" Ẽ, ɣeyiɣi si manye ŋuɖuiléle ko nue ava yi o ke boŋ esime fukpekpewo katã nu ava yi lae gogo!\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.\n^ mm. 24 Nè adi be Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖe nava srã wò kpɔ ahaɖe Biblia me ŋugbedodo me na wò la, bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ta alo ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]\nMɔ̃ geɖe li siwo kpena ɖe ŋuɖuilélawo ŋu wowɔa dɔ geɖe\n[Nɔnɔmetata si le axa 12]\nWoate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu si tso lɔlɔ̃ me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-na-%C5%8Au%C9%96uil%C3%A9lawo\/","date":"2022-10-04T02:48:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337473.26\/warc\/CC-MAIN-20221004023206-20221004053206-00603.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978178144,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978178143501282}","num_words":1717,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YOHANES ƑE AGBALẼ EVELIA\nKpɔkplɔyiɖeme:\nYohanes, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka lae\nŋlɔ Yohanes ƒe Nyanyui la kple Yohanes ƒe Agbalẽ etɔ̃awo\nkpakple Nyaɖeɖefia hã. Nyati vevitɔ si le Yohanes ƒe Agbalẽ\nEvelia sia mee nye ele be kristotɔ ɖe sia aɖe nanɔ agbe le\nnyateƒe kple lɔlɔ̃ me.\nEmenyawo: 1. Gbedoname, 1-3\n2. Nuxlɔ̃amenyawo, 4-11\n3. Taƒonyawo, 12-13\nGbedonamewo\n1 Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsitɔ gbɔ, na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye ame tiatia tɔxâ,\name si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o ke boŋ ame siwo katã\ndze si nyateƒe la, 2 le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta.\n3 Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu\nKristo Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.\n4 Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea\nme abe ale si Fofo la de se na míi ene. 5 Eye azɔ la, nyɔnulɔlɔ̃a, menye se bubu\naɖekee mele dedem na mi o ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele\nbiabiam be mialɔ̃ mia nɔewo. 6 Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale\nsi miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.\n7 Ameblela geɖewo, ame siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene\nle ŋutilã me o la kaka ɖe xexeame. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple\nKristo ƒe futɔ la. 8 Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o\nke boŋ, miaxɔ fetu si de blibo. 9 Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe\nnufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le\nagbe le Fofo la kple Vi la me. 10 Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ\ndzi o la, migado woezɔ tete hã nâ o eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒeme kura o. 11 Ame si\nxɔ ame sia la, sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo me.\nTaƒonyawo\n12 Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi gake nyemaŋlɔe kple nuŋlɔti kple agbalẽ o.\nKe boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be\nmíaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.\n13 Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/togochretien.com\/ewe-2-jean\/","date":"2022-09-26T11:57:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334871.54\/warc\/CC-MAIN-20220926113251-20220926143251-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994164705,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994164705276489}","num_words":402,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.316,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 15, 2001 Nukae Nye Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo Ŋuti Nyateƒenya? Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo—Nukata Wòle Be Nàtsɔ Ðe Le Wo Me? Amesiwo Dze la Didi le Kenya Yehowa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃gbe La Tu aƒe! Midi Yehowa Hafi Eƒe Dzikudogbe La Naɖo Dukɔ Si Yehowa Gaɖo Te La Kafunɛ Le Anyigba Bliboa Dzi Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ƒe 2001\/2002 \"Mawu Ƒe Nya Fialawo\" Nutome Gã Takpekpe Wɔƒewo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010215\/","date":"2022-12-03T20:40:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710936.10\/warc\/CC-MAIN-20221203175958-20221203205958-00234.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996227622,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996227622032166}","num_words":65,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.292,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe Nukpɔsusu\nNe Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O\nAKƆNTABUBU aɖe ɖee fia be subɔsubɔha kple kɔmamã siwo wu 10,000 ye le xexeame. Le dukɔ aɖe me la, ame tsitsi siwo ade 16 le alafa me dzo le woƒe subɔsubɔha me heyi bubu me ɣeaɖeɣi kpɔ le woƒe agbe me. Eyata mewɔ nuku o be masɔmasɔwo ɖoa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome le mawusubɔsubɔ dzixɔsewo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, esia gblẽa ƒomedodowo me. Esia ta nya si fɔ ɖe tee nye, Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe ƒometɔ siwo mele subɔsubɔha ɖeka me kpli wo o la ŋui?\nƑomedodo Tɔxɛ Aɖe\nLe kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi Biblia gblɔ le ƒomedodo tɔxɛ si le dzilawo kple wo viwo dome ŋu kpɔ. Womeɖo ɣeyiɣi aɖeke ɖi si dzi woadzudzɔ sedede si le Mose II, 20:12 be \"bu fofowò kple dawò\" dzi wɔwɔ o. Le nyateƒe me, esime Yesu nɔ se sia me ɖem abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 15:4-6 ene la, edze ƒã be bubu si wòle be vi tsitsiwo nade wo dzilawo ŋu ŋutie wònɔ nu ƒom tsoe.\nBiblia-gbalẽ si nye Lododowo xlɔ̃ nu tso bubumademade ame dzilawo ŋu ŋuti. Lododowo ɖo aɖaŋu be mele be 'nàdo vlo dàwo ne eku nyagã o!' 23:22Lododowo 19:26 xlɔ̃ nu gbeteteɖedzitɔe be \"amesi sẽ ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye.\"\nŊɔŋlɔawo na eme kɔ be mele be míagbe ɖetsɔtsɔ le eme na mía dzilawo o. Mía dzilawo ƒe asimadamada ɖe míaƒe subɔsubɔha dzi mete fli ɖe ƒomedodo si le mía kpli wo dome la me o. Biblia ƒe gɔmeɖose siawo ku ɖe ƒometɔ bubuwo kple ame srɔ̃ hã ŋu. Eme kɔ be enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi le agbenyuinɔnɔ kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi nu be woalɔ̃ woƒe ƒometɔwo.\nNugɔmesese Le Vevie\nKe hã Biblia xlɔ̃ nu le hadede vɔ̃wo ŋu, eye ŋusẽkpɔɖeamedzi sia ate ŋu atso ame ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo hã gbɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ anyi va yi wɔ nusi nyo togbɔ be wo dzilawo melɔ̃ ɖe edzi na wo o hã. Edze ƒã be aleae wòdzɔ le Korax-viwo gomee. (Mose IV, 16:32, 33; 26:10, 11) Mele be Kristotɔ vavãwo nagbe nu le woƒe xɔse gbɔ be woadze ame bubuwo ŋu o, eɖanye woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 5:29.\nLe nɔnɔme aɖewo me la, dzilawo alo ƒometɔ bubuwo tsia tre ɖe Kristotɔ aɖe ƒe dzixɔsewo ŋu vevie. Ame aɖewo ate ŋu ava zu Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe futɔwo gɔ̃ hã. Le go siawo me la, Kristotɔwo ɖea afɔ siwo sɔ tsɔ kpɔa woƒe gbɔgbɔmemenyenye ta. Yesu gblɔe wòsɔ nyuie be: \"Ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. Amesi ke lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye amesi ke lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.\"—Mateo 10:36, 37, NW.\nKe hã zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe ƒometɔwo metsia tre ɖe wo ŋu vevie o. Ðeko woƒe ƒometɔwo melɔ̃ ɖe alesi wose Biblia ƒe nufiafiawo gɔmee dzi o. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo de dzi ƒo na Kristo yomedzelawo be woawɔ nu kple dzimaxɔsetɔwo \"le dzigbɔɖeanyi\" kple \"bubu deto\" me. (Timoteo II, 2:25; Petro I, 3:15, NW) Biblia xlɔ̃ nu eme kɔ be: \"Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã.\" (Timoteo II, 2:24) Apostolo Paulo hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be \"woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.\"—Tito 3:2.\nNɔ Kadodo me Kpli Wo eye Nàɖe Lɔlɔ̃ Afia\nPetro I, 2:12 na nuxlɔ̃amenya sia Kristotɔwo be: \"Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo [dzimaxɔsetɔwo] dome nanɔ nyuie bene . . . le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.\" Zi geɖe la, ƒometɔ siwo mele míaƒe subɔsubɔha me o dea dzesi tɔtrɔ siwo Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ na míewɔ le míaƒe agbe me. Ðo ŋku edzi be amesiwo metsɔ ɖeke le Biblia ƒe nyateƒea me o alo tsi tre ɖe eŋu gɔ hã la dometɔ geɖe va trɔ woƒe susu. Le ame aɖewo gome la, woate ŋu anɔ ŋku lém ɖe wo srɔ̃ alo wo vi ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu ƒe geɖe hafi ava se nusitae wonɔa agbe alea la gɔme. Negadzɔ gbeɖe be Kristotɔ aɖe ƒe ɖekematsɔleme na eƒe ƒometɔwo tae wogbe Biblia ƒe nyateƒeawo xɔxɔ ɖo o.\nNyateƒee, nɔnɔmewo to vovo tso wo nɔewo gbɔ, eye Kristotɔ Ðasefo aɖewo le afisi didi tso wo dzilawo gbɔ. Manya wɔ be woasrã wo kpɔ edziedzi abe alesi woadii ene o. Gake lɛta ŋɔŋlɔ, wo yɔyɔ le telefon dzi, alo kadodo me nɔnɔ kpli wo edziedzi to mɔ bubuwo nu ana míaƒe ƒometɔwo naka ɖe edzi be míelɔ̃ yewo. Amesiwo menye Kristotɔ vavãwo o dometɔ geɖe lɔ̃a wo dzilawo kple ƒometɔ bubuwo heɖoa dze kpli wo edziedzi eɖanye mawusubɔsubɔ me dzixɔse kawoe le wo si o. Ðe mele be Kristotɔ Ðasefowo nawɔ esi wu ema oa?\n[Nɔnɔmetata si le axa 22]\nKadodo me nɔnɔ kple wò ƒometɔwo ana woaka ɖe edzi be èlɔ̃ yewo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031108\/Ne-W%C3%B2-%C6%91omet%C9%94wo-Mele-Sub%C9%94sub%C9%94ha-%C3%90eka-Me-Kpli-W%C3%B2-O\/","date":"2022-12-03T22:39:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710941.43\/warc\/CC-MAIN-20221203212026-20221204002026-00245.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980776906,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980776906013489}","num_words":805,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Trɔla tso xexlẽdzesi ewolia me yi xexlẽdzesi eve me kple akɔntabubu siwo wowɔ ƒe xexlẽdzesi afɔɖeɖe ɖesiaɖe\nSedede:\nEsia nye xexlẽdzesi ewolia yi xexlẽdzesi eve ƒe tɔtrɔ. Àte ŋu atrɔ xexlẽdzesi manyomanyowo kple xexlẽdzesi siwo ƒe akpa sue aɖe hã le. Nusi do tso eme la sɔ pɛpɛpɛ bliboe le eƒe akpa si nye xexlẽdzesi blibo la me. Le eƒe akpa si nye akpa sue aɖe me la, nusi do tso eme la ƒe nyateƒetoto ade xexlẽdzesi sue siwo woŋlɔ la ƒe teƒe 10 sɔŋ.\nŊlɔ xexlẽdzesi ewolia si ta nèdi be yeaxɔ eƒe binary equivalent na. Wowɔa tɔtrɔa enumake, esime wole xexlẽdzesia ŋlɔm, eye mehiã be woazi dzesi aɖeke dzi o. De dzesii be nuŋɔŋlɔ ƒe akpaa doa alɔ ŋɔŋlɔdzesi siwo sɔ siwo sɔ kple xexlẽdzesi ewolia ko. Esiawoe nye dzesi manyomanyo, akpa suewo ƒe mama, kple xexlẽdzesi siwo nye zero vaseɖe enyi.\nÀte ŋu akpɔ afɔɖeɖe siwo nàwɔ atsɔ asi awɔ tɔtrɔa ƒe xexlẽdzesiwo le tɔtrɔa te. Ŋkɔ sia hã adze ne wole xexlẽdzesia ŋlɔm.\nAxa sia hã na dɔ siwo ku ɖe tɔtrɔa ŋu, siwo woate ŋu awɔ to eƒe abɔtawo dzi zizi me. Esiawoe nye:\n- dzi xexlẽdzesi si nèŋlɔ la ɖe edzi eye nàɖe edzi akpɔtɔ ɖeka\n- swap tɔtrɔ ƒe ɖoɖo\n- tutu xexlẽdzesi si nèŋlɔ la ɖa\n- kɔpi xexlẽdzesia tso emetsonua me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.oratlas.com\/trola-tso-xexledzesi-ewolia-me-yi-xexledzesi-eve-me","date":"2023-02-05T14:01:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500255.78\/warc\/CC-MAIN-20230205130241-20230205160241-00444.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986090064,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986090064048767}","num_words":215,"character_repetition_ratio":0.127,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?\nƐ̃. Míenye Kristotɔwo le susu siwo gbɔna la ta:\nMíedzea agbagba be míazɔ ɖe Kristo ƒe nufiafiawo dzi ahasrɔ̃ eƒe nuwɔnawo pɛpɛpɛ.—1 Petro 2:21.\nMíexɔe se be Yesu Kristo ye nye ame vevitɔ si dzi míato akpɔ xɔxɔ, eye míexɔe se hã be \"xɔxɔ la mele ame bubu aɖeke me o, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona ame aɖe le amegbetɔwo dome, si dzi wòle be míato akpɔ xɔxɔ o.\"—Dɔwɔwɔwo 4:12.\nHafi amewo nazu Yehowa Ðasefo la, wonyrɔa wo le Yesu ƒe ŋkɔ me.—Mateo 28:18, 19.\nMíedoa gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me.—Yohanes 15:16.\nMíexɔe se be Yesu Kristoe nye Ta, alo ame si woɖo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu sia ŋutsu dzi.—1 Korintotɔwo 11:3.\nGake míeto vovo na subɔsubɔha bubu siwo woyɔna be Kristotɔwo la le mɔ geɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, míexɔe se be Biblia fia nu be Mawu ƒe Vie Yesu nye, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. (Marko 12:29) Mímexɔ nu si wofiana be luʋɔ mekuna o la dzi se o. Eye mímexɔe se be kpeɖodzi aɖe le Biblia me be Mawu wɔa fu amewo le dzo mavɔ me alo be woada dzesideŋkɔ tɔxɛwo ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi si awɔe be woƒe ɖoƒe nakɔ wu ame bubuwo tɔ o.—Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4; Mateo 23:8-10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/kristot%C9%94woe-yehowa-%C9%96asefowo-nyea\/","date":"2023-04-02T00:03:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296950363.89\/warc\/CC-MAIN-20230401221921-20230402011921-00686.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977651238,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977651238441467}","num_words":206,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EʋegbeISHANGO ƑE ƑU SIWO WOKPA KPLE NUSI WONYELe Nu akpe geɖe siwo ŋu Jean de Heinzelin ƒe ƒuƒoƒoa ke ɖo le Ishango la, ɖewo doa dzidzɔ na ame wu bubuwo. Ðeka aɖe koŋ li si he amewo katã ƒe susu va edzi eye wòva zu ɣletivi ŋutɔŋutɔ le Afrikatɔwo ƒe blematomenukulawogbɔ: Ishango ƒe ƒu si wokpa.\nLe zazã nu la, woyɔnɛ be \"Ishango ƒe ati\". Enye dɔwɔnu si me quartz-nutsonu kple ƒu ƒe asiléƒe le. Le go sia me la, enye nu ɖedzesi aɖe, dɔwɔnu siwo wotsɔ ƒo ƒui siwo wodzra ɖo do ŋgɔ na ŋutinya me la mebɔ kura o. Woate ŋu azã quartz nyui ŋutɔ si le eƒe nugbɔ ɖeka atsɔ awɔ dɔ pɛpɛpɛ hafi, le kpɔɖeŋu me, ŋutigbalẽ ƒe lãɖeɖe ƒe nuwɔna.\nWoɖe kɔa ƒe ƒu, ƒoe, ƒoe eye woŋlɔe ɖe edzi ale gbegbe be màte ŋu ade dzesi eƒe dzɔtsoƒe nyuie wu o. Aleke kee wòɖale o, lã si naa no wo viwoe wònyeGake nukae doa dzidzɔ na ame le eŋu?\nDɔwɔnua ƒe asiléƒee na wòxɔ ŋkɔ elabena eƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyɔ eye wònyɔ biabia geɖe wu ɖe gɔmesese si ate ŋu anɔ eŋu ŋu. Wotsɔa ʋuƒo 168 siwo sɔ kple wo nɔewo de dzesi asiléƒe sia. Woɖoa fliawo ɖe ɖoɖo nu ɖe fli siwo sɔ kple wo nɔewo ƒe ƒuƒoƒo siwo woma ɖe sɔti me le atikplɔa ƒe axa 3 me.Nukpɔsusuwo\nJean de Heinzelin dze egɔme tso nukpɔsusu si nye be nɔnɔme ƒe hatsotso siawo tsi tre ɖi na xexlẽdzesiwo dzi. Enye enuenu vavã, le ŋutinya me ɣeyiɣiwo me ya teti, be woade dzesi agbɔsɔsɔmewo kple fliwo.\nTso afima la, Jean de Heinzelin di akɔntabubu ƒe sɔsɔ si ate ŋu anɔ xexlẽdzesi vovovo siawo dome eye wòkpɔ kadodo siwo na wòte ŋu tsɔ akɔntabubu ŋuti sidzedze deŋgɔ ŋutɔ eye womenya o vaseɖe fifia hena blemaɣeyiɣi sia tɔgbe le wo me.\nNusiwo Jean de Heinzelin de dzesii kple ŋugbledede le eƒe agbalẽ si wòta ɖe Ishango ƒe nyatakakadzraɖoƒea le ƒe 1957 me la dometɔ aɖewoe nye esi :Titina-sɔti\nTitina sɔti la ɖe xexlẽdzesi aɖe kple eƒe eve fia: 3 kple 6, 4 kple 8, 5 kple 10, kpakple xexlẽdzesi eve siwo gɔme womeɖe o: 5 kple 7.Kpɔti si le ɖusime\nLe akpa sia la, kadodo anɔ xexlẽdzesiawo kple xexlẽdzesi 10, si nye xexlẽdzesi si wonya nyuie ƒe gɔmeɖoanyi. Ekema anye ne:\nMiame ƒe sɔti\n- 11 = 10 + 1\n- 21 = 20 + 1\n- 19 = 20 – 1\n- 9 = 10 - 1\nIshanguitɔwo anya xexlẽdzesi gbãtɔawo hafi elabena 11, 13, 17 kple 19 nye xexlẽdzesi gbãtɔ siwo le 10 kple 20 ƒe titina. Xexlẽdzesi gbãtɔ nye xexlẽdzesi si me mama eve koe mele o: 1 kple eya ŋutɔ.Numekula bubuwo lé fɔ ɖe nusiwo kplɔ wo nɔewo ɖo siawo gɔmeɖeɖe ŋu de dzesii be:\nAkɔntanyala Dirk Huylebrouck\nkple Vladimir Pletser\nxɔ Jean de Heinzelin ƒe xexlẽdzesiwo ŋɔŋlɔ ƒe susu gbãtɔwo eye wosusu atikplɔa be enye akɔntabubu ƒe se ƒomevi aɖe si to vovo tso gɔmeɖoanyi 3 kple 4 gbɔ eye ne wokekee ɖe enu la, gɔmeɖoanyi 12 (3 x 4) to vovo ). Kura o, wobunɛ be kpeɖodzi si sɔ meli be wonya xexlẽdzesi gbãtɔwo o.Alexander Marshack\n, si nye blematomenukulawo tso Harvard Yunivɛsiti hã bu xexlẽdzesiwo ŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo aɖe ŋu gake be wòatsɔe asɔ kple dzinu ƒe ɣletigbalẽ.Olivier Keller\n, si hã nye akɔntanyala, xlɔ̃ nu tso tetekpɔa ŋu na míaƒe dekɔnu si li fifia si nye xexlẽdzesiwo kpɔkpɔ le afisiafi, alɔ̃madɔmadɔ si xea mɔ na eteƒekpɔla be wòate ŋu akpɔ dzesi ƒomevi bubuwo adze sii, dzesi siwo ke hã le kpeɖeŋutɔ vovovowo (ƒu, kpe, axadzinutata) dzi le Dzigbe Blemaɣeyiɣiwo me eye woawo hã adze be woalé ŋku ɖe wo ŋu.. .Ðe menye nusi doa dzidzɔ na ame woa? Vevietɔ ne míeɖo ŋku edzi be ƒe 25,000 le nu sia si...\nNe gbeɖeka woɖo kpe akɔntabubu ƒe nukpɔsusuwo dometɔ ɖeka dzi la, efia be akɔntabubu deŋgɔwo ŋuti sidzedze le Dzigbeɣeyiɣiwo me tɔwo si.\nEkema biabia geɖewo ado mo ɖa. Nukae wozã wo na? Nukatae wotsaka akɔntabubu ƒe gɔmeɖoanyi geɖe? Ðe wònye sidzedze si le ame geɖe sia? Viɖe le eŋu na tɔƒodelawoa? Kple bubuwo.\nEgbea la, Ishango nyatakakadzraɖoƒea meɖe eƒe nya ɣaɣlawo katã ɖe go o. Eye teƒe bubu geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ŋutinya me la le Semliki balia me. Ele be Afrika ƒe nuto sia nanya be Homo sapiens sapiens nanɔ afima ƒe 100,000 ya teti.\nEye nu geɖe mele mía si kokoko be míase Ishanguiatɔwo ƒe agbenɔnɔ, woƒe nɔƒe kple woƒe tamebubu gɔme nyuie wu o.\nEyata, gbeɖeka alo bubu, ahiã be blematomenukulawo natrɔ ayi Edward-ta la to be woawu aɖaŋunu si gɔme wodze le ƒe 1950-awo me la nu.\nÐikeke mele eme o be safuiwo gakpɔtɔ ɣla ɖe afima...Ewɔwɔ: Habɔbɔ si Kpɔa Blemanuwo Ŋuti Nyatakakawo Gbɔ (ADIA) .\nFiaɖuƒea ƒe Belgium Dzɔdzɔmeŋutinunya Dɔwɔƒe\n- Traduit par Kodjo Momo APEKE - domicilié au TOGO-licencié en Droit- Animateur de Projet dans une ONG au TOGO - traducion supervisée par MWANA SOLEIL A.S.B.L.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.ishango-milele.com\/togolais","date":"2023-03-30T04:46:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949097.61\/warc\/CC-MAIN-20230330035241-20230330065241-00783.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988374114,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998837411403656}","num_words":770,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 76:1-12\nNa henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Asaf+ ƒe Kafukafuha. Hadzidzi. 76 Wonya Mawu le Yuda;+Exɔ ŋkɔ le Israel.+ 2 Eƒe agbadɔ le Salem,+Eye eƒe nɔƒe le Zion.+ 3 Afi mae wòŋe aŋutrɔ bibiwo,Akpoxɔnu kple yi kpakple aʋawɔnuwo le.+ (Sela) 4 Èle keklẽm ale gbegbe;*Wò bubu kɔ gbɔ to siwo dzi nuléle bɔ ɖo ŋu. 5 Woha kalẽtɔ siwo ƒo dzi le la.+ Woyi alɔ̃ me;Wɔna vɔ le aʋakalẽawo katã ŋu.+ 6 Oo Yakob ƒe Mawu, esi nènya blu ko la,Tasiaɖamdola kple sɔ siaa yi alɔ̃ me ʋĩi.+ 7 Wò ɖeka ko ŋue ŋɔdzi le.+ Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ la nu?+ 8 Èna wose wò afiatsotso tso dziƒo;+Anyigba vɔ̃, eye ɖoɖoe zi le enu+ 9 Esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,Be yeaxɔ na ame fafa siwo katã le anyigba la dzi.+ (Sela) 10 Elabena amegbetɔ ƒe dɔmedzoe ahe kafukafu vɛ na wò;+Woƒe dɔmedzoe susɔea azu atsyɔ̃ na wò. 11 Miɖe adzɔgbe na Yehowa mia Mawu la, eye miwɔ edzi,+Ame siwo katã le eŋu godoo netsɔ woƒe nunana vɛ le mawuvɔvɔ̃ me.+ 12 Eyae abɔbɔ kplɔlawo ƒe dada* ɖe anyi;Enana ŋɔdzi léa anyigbadzifiawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/76\/","date":"2023-06-02T03:00:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648245.63\/warc\/CC-MAIN-20230602003804-20230602033804-00773.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992228746,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992228746414185}","num_words":178,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Mose 3:1-24\n3 Ke da+ dze aye wu gbemelã siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Eye wòbia nyɔnu la be: \"Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?\"+ 2 Nyɔnu la ɖo eŋu na da la be: \"Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa.+ 3 Ke Mawu gblɔ le ati si le abɔa titina la ƒe tsetse ya ŋu be:+ 'Migaɖu eƒe ɖeke o, ao, migaka asi eŋu o; be miagaku o.'\" 4 Ke da la gblɔ na nyɔnu la be: \"Miele kuku ge akpɔ o.+ 5 Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.\"+ 6 Ale nyɔnu la kpɔ be ati la nyo na ɖuɖu, eye ekpɔkpɔ dzroa ame, ɛ̃, ati la nya kpɔ ŋutɔ. Ale wògbe eƒe tsetse la ƒe ɖe heɖu.+ Emegbe esi srɔ̃a va egbɔ la, ena ɖe eya hã wòɖu.+ 7 Eye wo ame evea ƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be yewole amama. Eya ta wotɔ gboti ƒe aŋgbawo hesa ɖe ali.+ 8 Emegbe wose Yehowa Mawu ƒe gbe esi wòle tsa ɖim le abɔa me le anyinufaɣi, eye ame la kple srɔ̃a ɣla wo ɖokuiwo ɖe Yehowa Mawu le abɔmetiawo dome. 9 Eye Yehowa Mawu nɔ ame la yɔm nɔ biabiam be: \"Afi kae nèle?\" 10 Mlɔeba eɖo eŋu be: \"Mese wò gbe le abɔa me, ke mele vɔvɔ̃m, elabena mele amama, eya ta meɣla ɖokuinye.\" 11 Ke egblɔ be: \"Ame kae gblɔe na wò be amamae nèle?+ Ðe nèɖu ati si ŋuti mede se na wò le be mègaɖu eƒe ɖeke o laa?\"+ 12 Eye ame la ɖo eŋu be: \"Nyɔnu si nètsɔ nam be wòanɔ gbɔnye lae na ati la ƒe tsetsem meɖu.\" 13 Eye Yehowa Mawu bia nyɔnu la be: \"Nu kae nye esi nèwɔ?\" Nyɔnu la ɖo eŋu be: \"Da lae blem meɖui.\"+ 14 Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la be:+ \"Esi nèwɔ alea ta la, woƒo fi de wò le aƒemelãwo katã kple gbemelãwo katã dome. Wò ƒodo dzi nàzɔ, eye ʋuʋudedi nàɖu le wò agbemeŋkekewo katã me. 15 Mana fuléle*+ nanɔ wò+ kple nyɔnu la dome,+ wò dzidzimevi+ kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome.+ Eya agbã ta na wò,+ eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.\"+ 16 Egblɔ na nyɔnu la be: \"Mana nàse veve geɖe le fufɔfɔ me; àlé ku hafi adzi vi, eye wò susu katã anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya aɖu dziwò.\" 17 Eye wògblɔ na Adam* be: \"Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe heɖu ati si ŋu mede se na wò le be,+ 'Mègaɖu eƒe ɖeke o' la ƒe ɖe la, eya ta woƒo fi de anyigba le tawò.+ Àkpe fu* hafi akpɔ edzinuwo aɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.+ 18 Amie ŋù kple aŋɔka na wò, eye àɖu anyigba dzi amagbewo. 19 Fifia ate wò* hafi nàkpɔ abolo aɖu,* va se ɖe esime nàtrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe.+ Anyie nènye, eye anyie nàgatrɔ azu.\"+ 20 Emegbe Adam tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a be Xawa,* elabena eyae ava nye amegbetɔwo katã dada.+ 21 Eye Yehowa Mawu tɔ lãgbalẽwu legbe na Adam kple srɔ̃a be woado.+ 22 Eye Yehowa Mawu gblɔ be: \"Kpɔ ɖa, ame la zu abe mía dometɔ ɖeka ene hedze si nyui kple vɔ̃.+ Azɔ be wòagado asi ɖa agbe agbeti+ la hã ƒe tsetse aɖu ahanɔ agbe tegbee o la, . . .\" 23 Eya ta Yehowa Mawu nya ame la le Eden-bɔa me,+ be wòade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.+ 24 Ale wònya ame la ɖa, eye wòtsɔ kerubiwo+ kple yi aɖe si le bibim hele totrom le eɖokui si la, ɖo Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, be woadzɔ agbeti la ƒe mɔ nu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"adikã.\"\n^ Egɔmee nye \"Amegbetɔ; Amegbetɔƒome.\"\n^ Alo, \"Àse veve.\"\n^ Alo, \"nàkpɔ nu aɖu.\"\n^ Alo, \"Àte fifia ɖe mo.\"\n^ Egɔmee nye \"Ame Gbagbe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/3\/","date":"2023-06-07T01:14:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224653501.53\/warc\/CC-MAIN-20230607010703-20230607040703-00063.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994543195,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994543194770813}","num_words":613,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.003,"special_characters_ratio":0.286,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔwɔwɔwo 24:1-27\n24 Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, nunɔlagã Anania+ kple amegãwo dometɔ aɖewo kpakple nyanuɖela* aɖe si ŋkɔe nye Tertulo la va Kaisarea, eye wotsɔ nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu la ɖo nutodziɖula la ŋkume.+ 2 Esi woyɔe vɛ la, Tertulo de asi enutsotso me be: \"Esi wònye be wòe na míekpɔ ŋutifafa geɖe, eye wò nuŋububu nyuie ye na ɖɔɖɔɖowo le edzi yim le míaƒe dukɔ sia me ta la, 3 Bubutɔ Felike, míele akpe manyagblɔ dam na wò ɣesiaɣi ɖe nu siawo ta le afi sia afi. 4 Gake be magagblẽ ɣeyiɣi geɖe na wò o ta la, mele kuku ɖem na wò be nàve mía nu aɖo to mí vie ko. 5 Elabena míekpɔe be nugblẽla vɔ̃ɖi*+ aɖee ŋutsu sia nye, eye wòle zitɔtɔ+ dem Yudatɔwo katã me le anyigba dzi godoo, eye wònye Nazaretetɔwo ƒe kɔmama+ la ƒe ŋgɔnɔla. 6 Ete kpɔ hã be yeagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eya ta míelée.+ 7 * —— 8 Ne wò ŋutɔ èbia gbee nyuie la, ekema nya siwo katã míetsɔ ɖe eŋu la me akɔ na wò.\" 9 Yudatɔwo hã de nutsotsoa dzi be nu siawo le eme nenema tututu. 10 Esi nutodziɖula la wɔ dzesi na Paulo be wòaƒo nu la, egblɔ be: \"Esi menyae nyuie be ƒe geɖee nye esia nènye dukɔ sia ƒe ʋɔnudrɔ̃la ta la, melɔ̃ faa be maƒo nu aʋli ɖokuinye ta.+ 11 Elabena àte ŋu aku eme akpɔe be, ŋkeke wuieve aɖewo koe nye esia tso esime meyi Yerusalem be maɖasubɔ;+ 12 eye womekpɔm mele nya ʋlim kple ame aɖeke le gbedoxɔa me loo alo de zi amewo me le ƒuƒoƒeawo alo le dua me o. 13 Eye womate ŋu aɖo kpe nya siwo tsɔm wole ɖe ŋunye fifi laa la hã dzi o. 14 Ke hã, melɔ̃ ɖe nya sia ya dzi le ŋkuwòme be, mele subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na tɔgbuinyewo ƒe Mawu+ la le mɔ si yɔm wole be kɔmama la nu, elabena mexɔ nu siwo katã le Se la me kple esiwo woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me la dzi se.+ 15 Eye mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me, eye mɔkpɔkpɔ ma kee le ame siawo ŋutɔ hã si, be tsitretsitsi+ li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.+ 16 Esia tae medoa vevie nu ɣesiaɣi, be dzitsinya nyui* nanɔ asinye le Mawu kple amewo gbɔ.+ 17 Ke le ƒe geɖe megbe la, meva be matsɔ dɔmenyonunanawo+ avɛ na nye dukɔ la, eye masa vɔ hã. 18 Esi menɔ nu siawo wɔm la, woke ɖe ŋunye hekpɔe be mekɔ ɖokuinye ŋu le kɔa nu le gbedoxɔa me,+ gake ameha aɖeke menɔ ŋunye o, eye hoowɔwɔ aɖeke hã meyi edzi o. Ke Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va, 19 eye ɖe wòle be ame siawo hã nava ŋkuwòme hafi, ale be ne nya aɖe le wo si ɖe ŋunye la, ne woagblɔe.+ 20 Alo, na ame siwo le afi sia la ŋutɔ nagblɔ vodada si wokpɔ le ŋunye esi metsi tsitre ɖe Sanhedrin la ŋkume, 21 negbe nya ɖeka sia ko, si medo ɣli gblɔ esime mele tsitre ɖe wo dome be: 'Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la tae wole ʋɔnu drɔ̃mem egbea le mia ŋkume ɖo!' \"+ 22 Ke hã, esi Felike nya nu ku ɖe Mɔ+ sia ŋu nyuie ta la, etɔ te nya la dɔdrɔ̃ gblɔ be: \"Ne aʋafiagã Lisia va ɖo ko la, matso nya me na mi.\" 23 Eye wòɖe gbe na asrafomegã la be wòasika ŋutsua ɖi, gake wòana ablɔɖe aɖe sinui, eye be wòaɖe mɔ na eƒe amewo woana kpekpeɖeŋui. 24 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ, la va ɖo, eye wòdɔ woɖayɔ Paulo vɛ, eye wòse Kristo Yesu dzi xɔxɔ se ŋu nya tso egbɔ.+ 25 Ke esi Paulo le nu ƒom tso dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna+ ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felike, eye wògblɔ be: \"Heyi fifia gbɔ, ne mekpɔ asinu hã, magaɖo ame ɖe wò.\" 26 Ke ele mɔ kpɔm hã be Paulo nana ga ye. Esia ta enuenu la, edɔna be woaɖakplɔe avɛ na ye, eye wòɖoa dze kplii. 27 Ke le ƒe eve megbe la, Porkio Festo va xɔ ɖe Felike teƒe; eye esi Felike di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo+ ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe ga me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"senyala.\"\n^ Alo, \"amenuɖiala gã.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dɔ vɔ̃ɖi.\"\n^ Kpɔ Megbenyawo A3.\n^ Alo, \"dzitsinya maɖifɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/24\/","date":"2023-06-03T07:33:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224649177.24\/warc\/CC-MAIN-20230603064842-20230603094842-00771.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993047714,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993047714233398}","num_words":697,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 92:1-15\nSabat ŋkeke ƒe ha. 92 Enyo be woada akpe na wò, Yehowa,+Eye woadzi ha* akafu wò ŋkɔ, Oo Dziƒoʋĩtɔ la, 2 Ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ si nu metsina o+ la le ŋdi,Kple wò nuteƒewɔwɔ le zã me, 3 Le kasaŋku kaewotɔ kple kasaŋku suetɔ dzi,Le saŋku viviwo ƒe ɖiɖi dzi.+ 4 Elabena Oo Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam;Metsoa aseye le wò asinudɔwɔwɔwo ta. 5 Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo!+ Aleke gbegbe wò susuwo gogloe nye esi!+ 6 Abunetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ wo adze sii o;Eye bometsila aɖeke mate ŋu ase esia gɔme o:+ 7 Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene,Eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la,Tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.+ 8 Ke wò la, Oo Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbee. 9 Nyateƒee, Oo Yehowa, kpɔ ale si nèɖu wò futɔwo dzii ɖa,Ɛ̃, kpɔ ale si wò futɔwo nu ayii ɖa;Nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã aka hlẽ.+ 10 Ke àdo nye ŋusẽ* ɖe dzi abe gbenyi tɔ ene;Eye masi ami nyuitɔ.+ 11 Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi godoo aʋadziɖutɔe;+Nye towo ase nu vlo wɔla siwo tso ɖe ŋunye la ƒe anyidzedze ŋu nya. 12 Ke ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe deti eneEye wòakɔ abe sederti le Lebanon ene.+ 13 Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me;Eye wowɔ mlɔmlɔmlɔ le mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.+ 14 Woayi edzi anɔ ku tsem le woƒe tsitsime* gɔ̃ hã;+Ŋusẽ anɔ wo ŋu, eye woada ama,+ 15 Eye woaɖe gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe. Eyae nye nye Agakpe,+ eye nu madzɔmadzɔ aɖeke mele eme o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/92\/","date":"2023-06-09T04:26:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224655247.75\/warc\/CC-MAIN-20230609032325-20230609062325-00171.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983435273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983435273170471}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yoel 2:1-32\n2 \"Miku kpẽ le Zion!+ Mido aʋaɣli le nye to kɔkɔe la dzi. Anyigbadzinɔlawo katã nedzo nyanyanya,Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna!+ Etu aƒe! 2 Viviti kple blukɔ dogbee,+Alilikpo kple tsizi dogbee;+Anɔ abe ale si agudzedze ƒe kekeli xɔa towo tame ene. Dukɔ aɖe li, si me tɔwo sɔ gbɔ, eye wòsẽ ŋu;+Etɔgbi menɔ anyi kpɔ o,Eye ɖeke mava ɖe eyome o,Tso dzidzime yi dzidzime. 3 Dzo le nu bim le eŋgɔ,Eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe.+ Anyigba la le eŋgɔ abe Eden-bɔ ene;+Ke emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ,Eye naneke mate ŋu asi le enu o. 4 Wole abe sɔwo ene,Eye woƒua du abe sɔwoe le aʋagbe dzi ene.+ 5 Wole kpo tim eye woƒe nuwɔna le ɖiɖim abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ le towo tame ene,+Abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Ele abe dukɔ sẽŋu aɖe si ho le aʋalɔgowo me ene.+ 6 Dukɔwo adzo nyanyanya le wo ta. Mowo katã afu kpii. 7 Woƒua du abe aʋawɔlawo ene,Woliaa gli abe aʋamewo ene,Wo dometɔ ɖe sia ɖe le eƒe mɔ dzi,Eye womedzena le woƒe toƒewo o. 8 Wo dometɔ aɖeke memimi nɔvia o;Wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; Ne wo dometɔ aɖe tsi aŋutrɔ* nu hã la,Mamlɛawo metɔna o. 9 Wolũ ɖe du la dzi hege ɖe eme, woƒu du to gliwo dzi. Wolia aƒewo, eye woto fesrewo nu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene. 10 Anyigba la dzo kpekpekpe le eŋgɔ, dziƒo ʋuʋu. Ɣe kple ɣleti do viviti,+Eye ɣletiviwo hã megale keklẽm o. 11 Yehowa aɖe gbe le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ,+ elabena eƒe aʋakɔ la me tɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ.+ Eya ame si wɔa eƒe nya dzi la tri akɔ;Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la nye ŋkeke gã aɖe eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ.+ Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?\"+ 12 Yehowa be: \"Azɔ la, mitsɔ dzi blibo,+Nutsitsidɔ,+ avifafa kple konyifafa va gbɔnye. 13 Midze miaƒe dziwo,+ menye miaƒe awuwo o,+Eye migbugbɔ va Yehowa mia Mawu la gbɔ,Elabena esea veve ɖe ame nu, eye wòkpɔa nublanui, medoa dziku kabakaba o,+ eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ,+Eye wòagbugbɔ vɔ̃ la ŋu abu.* 14 Ame kae nya ne atrɔ, eye wòagbugbɔ eŋu abu,+Ale be wòagblẽ yayra ɖe megbe,Ne woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ana Yehowa mia Mawu la? 15 Miku kpẽ le Zion! Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ kɔkɔe; miyɔ takpekpe tɔxɛ.+ 16 Miƒo dukɔ la nu ƒu; mikɔ ameha la ŋu.+ Miƒo amegãɖeɖiwo* nu ƒu; miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu.+ Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔgã me, eye ŋugbetɔ nedo tso eƒe xɔ me. 17 Nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa la nefa aviLe akpata la kple vɔsamlekpui+ la dome agblɔ be: 'Oo Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ la dzro;Mègana wò domenyinu la nazu vlodonu,Ne dukɔwo naɖu fia ɖe wo dzi o. Nu ka tae dukɔwo agblɔ be, \"Afi kae woƒe Mawu la le?\"'+ 18 Yehowa aʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu,Eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dukɔ la ŋu.+ 19 Yehowa aɖo eŋu na eƒe dukɔ la be: 'Kpɔ ɖa, mele agblemenuku, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi,Ne miaɖu aɖi ƒo;+Nyemagana miazu vlodonu le dukɔwo dome azɔ o.+ 20 Manya dziehetɔ la ɖa le mia ŋu ayi adzɔge ʋĩi;Manyae ɖo ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple gbegbe,Atrɔ mo ɖe ɣedzeƒeƒu* la ŋu,Eye wòatrɔ megbe ade ɣetoɖoƒeƒu* la. Eƒe ʋeʋẽ ade dzi,+Eye eƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ yame katã;Elabena Mawu awɔ nu gãgãwo.' 21 Oo anyigba, mègavɔ̃ o. Dzi nedzɔ wò, eye nàtso aseye; elabena Yehowa le nu gãwo wɔ ge. 22 Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o,Elabena gbeɖuƒewo ada ama le gbegbe,+Eye atiwo atse ku;+Gboti kple wainka atse kplanyaa.+ 23 Mi Zion viwo, dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu;+Elabena ana keletsi ale si nu asu mi la godoo,Ana tsi nadza na mi,Keletsi kple adatsi adza na mi abe tsã ene.+ 24 Nukuƒoƒewo ayɔ fũu kple nuku nyui,Wain yeye ayɔ wainfiãƒewo agbagba, eye ami ado agbogbo ɖe amiɖaƒewo.+ 25 Maɖo ƒe siwoƲetsuviwo ƒe ha gã, abɔwo, ʋetsuvi gblẽnuwo kple ʋetrawo ɖu nuwo la teƒe na mi;Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.+ 26 Miaɖu nu, aɖi ƒo,+Eye miakafu Yehowa mia Mawu,+Ame si wɔ nukunu siawo na mi la ƒe ŋkɔ;Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.+ 27 Eye miadze sii be, mele nye dukɔ Israel dome,+Be nyee nye Yehowa mia Mawu,+ eye ɖeke megali o! Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o. 28 Le nu siawo megbe la, matrɔ nye gbɔgbɔ+ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi,Eye mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.Miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.Eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.+ 29 Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖeNye kluviwo kple nye kosiwo gɔ̃ hã dzi le ŋkeke mawo me. 30 Mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi:Ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.+ 31 Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu,+Hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.+ 32 Eye ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee;+Elabena amewo ado le eme dedie+ le Zion To dzi kple Yerusalem, abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene,Woawoe nye agbetsila siwo Yehowa yɔ.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"aʋawɔnu.\"\n^ Alo, \"vɔ̃ la ate ɖe edzi.\"\n^ Alo, \"ametsitsiwo.\"\n^ Efia, Ƒukuku.\n^ Efia, Domeƒu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yoel\/2\/","date":"2023-05-28T20:32:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644506.21\/warc\/CC-MAIN-20230528182446-20230528212446-00371.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984374046,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984374046325684}","num_words":827,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃. Mawu tsɔ ɖe le eme na esubɔla siwo le dɔ lém la. Biblia gblɔ le mawusubɔla wɔnuteƒe aɖe ŋu be: \"Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi.\" (Psalmo 41:4) Ne èle dɔ mavɔleameŋu aɖe lém la, afɔɖeɖe etɔ̃ siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò:\nDo gbe ɖa be Mawu nàdo ŋusẽ wò nànɔ te ɖe enu. Àkpɔ \"Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta\" eye wòaɖe wò dzimaɖitsitsiwo dzi akpɔtɔ ahalé wò ɖe te.—Filipitɔwo 4:6, 7.\nNa dzi nanɔ dzɔwòm. Biblia gblɔ be: \"Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.\" (Lododowo 17:22) Megatsɔ nya sia nya nya vevii akpa o, elabena esia ana dzi nadzɔ wò le ɣeyiɣi sesẽwo me, eye akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wò lãmesẽ hã dzi.\nKpɔ mɔ na nu siwo le etsɔme. Ne mɔkpɔkpɔ nyuiwo le asiwò la, ana dzi nadzɔ wò togbɔ be dɔ mavɔleameŋuwo anɔ fu ɖem na wò hã. (Romatɔwo 12:12) Biblia gblɔ ɖi be le etsɔme la, \"duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.\" (Yesaya 33:24) Ɣemaɣi la, Mawu ada dɔ mavɔleameŋu siwo ɖɔktawo mete ŋu le ta kpɔm na egbea o la. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso ale si ame tsitsiwo agbugbɔ aɖo woƒe sɔhɛmenɔɣiwo me la ŋu ale: \"Ekema dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.\"—Hiob 33:25.\nDe dzesii: Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu kpena ɖe yewo ŋu hã la, wonaa ɖɔktawo wɔa atike na wo ne wole dɔ mavɔleameŋu lém. (Marko 2:17) Ke hã, míekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o; míesusu be ekpo ɖe ame sia ame ŋutɔ gbɔ be wòatso nya me le dɔdamɔnu si woazã nɛ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/ten%C9%94n%C9%94-%C9%96e-d%C9%94-mav%C9%94leame%C5%8Bu-nu\/","date":"2023-09-25T06:15:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506686.80\/warc\/CC-MAIN-20230925051501-20230925081501-00879.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978387952,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978387951850891}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ameka ƒe Ŋugbedodowo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?\n\"EƑE ŋugbedodowo sẽ ŋu abe alesi eya ŋutɔ nɔ ene; gake eƒe nuwɔna mele ɖeke me o abe alesi eya ŋutɔ le fifia ene.\"—King Henry the Eighth, si William Shakespeare ŋlɔ.\nŊugbedodo sẽŋu si Shakespeare wɔnɛ nye esi Englandtɔwo ƒe papatenɔla Thomas Wolsey, amesi ƒo eɖokui ɖe dunyahehe me vevie le England le ƒe alafa 16 lia me do. Ame aɖewo agblɔ be Shakespeare ƒe nuɖɔɖɔa sɔ kple ŋugbedodo siwo yewo sena egbea ƒe akpa gãtɔ. Enuenu la wodoa ŋugbe gbogbo aɖewo na amewo gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko dzie wowɔna ɖo. Eyata míate ŋu ase susu si ta wokea ɖi ŋugbedodo ɖesiaɖe gɔme na wo bɔbɔe.\nAmebeble Bɔ\nLe kpɔɖeŋu me, le aʋa vɔ̃ɖi si Balkantɔwo wɔ le ƒe 1990 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoha ɖe gbeƒã Bosnia du Srebrenica be enye \"dedienɔƒe.\" Dukɔ siwo le habɔbɔ ma me bu ŋugbedodo ma abe esi ŋu kakaɖedzi le ene. Moslemtɔ akpe geɖe siwo nye sitsoƒedila siwo nɔ Srebrenica susui alea. Gake mlɔeba la wova kpɔe be dedienɔnɔ ƒe ŋugbedodoa nye dzodzro. (Psalmo 146:3) Le July, 1995 me la ɖeko asrafo amedzidzelawo va nya Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafowo ɖa bɔbɔe hexɔ dua. Wobu mo na Moslemtɔ 6,000 kple edzivɔ, eye wowu Moslemetɔ siwo nye dumevi dzrowo 1,200 ya teti.\nŊugbedodowo dzi mawɔmawɔ xɔ aƒe ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Ame geɖewo sena le wo ɖokui me be woto \"boblododo ƒe alakpa kple amefuflu nuwɔna gbogbo\" siwo woƒona ɖe yewo nu egbea dzi ba yewo. \"Dunyahela akpe geɖewo ƒe ŋugbedodo dzi mawɔmawɔ\" na dzi ɖe le wo ƒo. (The New Encyclopædia Britannica, Babla 15, axa 37) Subɔsubɔhakplɔla siwo dzi woka ɖo siwo do ŋugbe be yewoalé be na woƒe alẽhawo la wɔa ŋukpenanu vloetɔ kekeake ɖe wo ŋu. Le agbalẽsɔsrɔ̃ kple atikewɔwɔ me nya—siwo wobuna dɔ siwo koŋ me woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana amewo le—me gɔ̃ hã la, ame aɖewo wɔ nu tovo eye woba amesiwo le woƒe dzikpɔkpɔ te alo wu wo gɔ̃ hã. Eyata mewɔ nuku o be Biblia la xlɔ̃ nu mí be míagaxɔ nya sia nya dzi se o!—Lododowo 14:15.\nŊugbedodo Siwo Dzi Wowɔna Ðo\nEle eme baa be ame geɖewo wɔna ɖe woƒe nyawo dzi, eye ɣeaɖewoɣi la wotsɔa woƒe nu veviwo saa vɔ ɖe eta. (Psalmo 15:4) Woƒe nyawo nye woƒe atamkaka eye wowɔa edzi. Ame bubuwo hã dina vevie be yewoalé yewoƒe ŋugbedodowo me ɖe asi kple tameɖoɖo nyuitɔ kekeake. Wonɔa klalo be yewoawɔ ɖe yewoƒe ŋugbedodowo dzi gake ɖeko wògloa wo. Nuɖiɖeamewo ate ŋu agblẽ tameɖoɖo nyuitɔ kekeakewo gɔ̃ hã me.—Nyagblɔla 9:11.\nAleke kee wòɖale o, nyateƒea enye be esesẽna ŋutɔ na ame geɖewo be woaxɔ amesiame ƒe ŋugbedodowo dzi ase. Eyata biabia fɔ ɖe te be: Ðe ŋugbedodo aɖewo li siwo dzi míate ŋu aka ɖoa? Ẽ. Míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia me la dzi. Ðe manyo be nàdzro nya si nyati si kplɔe ɖo gblɔ ku ɖe nya sia ŋu me oa? Àva ƒo nya ta abe alesi ame miliɔn geɖe ƒo nya tae ene be woate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi nyateƒe.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nAP Photo\/Amel Emric","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040115\/Ameka-%C6%92e-%C5%8Augbedodowo-Dzie-N%C3%A0te-%C5%8Au-Aka-%C3%90o\/","date":"2023-09-22T05:53:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506329.15\/warc\/CC-MAIN-20230922034112-20230922064112-00715.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979170561,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979170560836792}","num_words":518,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le gbe si woxatsa ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ\nY\n- Akpa ƒe didime\nX\n- Anyigba ƒe Kekeme\nA\n- Roll ƒe didime\nB\n- Roll ƒe Kekeme\nC\n- nudzraɖoƒe, si woɖe fia abe alafa memamã ene\nV\n- agbalẽ xatsaxatsa ɖeka ƒe kpekpeme, le kilogram me\nTia mɔfiame si dzi nàdae ɖo si nàɖe afia le nɔnɔmetata la dzi.\nBe nàbu gazazãwo ƒe akɔnta la, àte ŋu agblɔ ga si woaxe ɖe agbalẽ xatsaxatsa ɖeka ta kple ga si woatsɔ aɖoe.\nEgbegbe gbe siwo woxatsa siwo me wofa le la akpe ɖe ŋuwò nàwɔ gbe dzeani aɖe si sɔ gɔ̃ hã le wò nyatakakadzraɖoƒea. Esia nye gbe si wotsɔ tsyɔa nu dzi si wodzrana le gbe xatsaxatsa siwo me wotsɔa gbe ƒe nukuwo dea eme la me.\nZi geɖe la, dɔwɔƒe siwo dzraa gbe siwo woxatsa la naa kpekpeɖeŋu le wo dada me. Gake ne ènya nu aɖewo la, wò ŋutɔ àte ŋu awɔ dɔa.\nMíaƒe kɔmpiutadziɖoɖoa abu gbegbalẽ xatsaxatsa nenie nèhiã be nàwɔ gbe si sɔ pɛpɛpɛ na wò akpata bliboa. Nusi wòle be nànya na esia koe nye anyigbaa ƒe lolome kple gbeɖuɖɔ ƒe agbalẽ xatsaxatsa ɖeka, kple nudzraɖoƒe ƒe alafa memamã si nèhiã. Ne èzã nyatakaka siawo la, àte ŋu abu agbalẽ xatsaxatsa agbɔsɔsɔme si nèhiã kple woƒe asi si anya nɔ bɔbɔe. Le ema megbe la, nusi nàwɔ koe nye be nàƒle wò gbea ahade wò abɔ alo ŋgɔgbe gbe me.\nAnyigbatata si nàwɔ le ɖokuiwò si le bɔbɔe.\nMlɔƒe\nDe dzesii be ele be nudzraɖoƒe ƒe alafa memamã nanye 5 le alafa me na anyigba si wozãna edziedzi eye 10 na anyigba si dzi seƒoƒobɔwo, seƒoƒobɔwo, alo abɔmɔwo le.\nHafi woayi gbedada dzi la, ele be woadzra teƒea ɖo. Ele be nàɖe gbeɖuɖɔwo katã ɖa le eme, kpewo, aɖe gbewo ɖa. Ele be woatsɔ atike tɔxɛwo awɔ anyigbaa ŋudɔ ahawɔe wòasɔ. Le ema megbe la, wowɔa ɖoɖo ɖe tsi si toa eme ŋu. Le dzadzraɖo ƒe akpaa ƒe nuwuwu la, wotsɔa anyigba nyui tsyɔa gbea ƒe teƒea, eye wodoa ami kwasiɖa ɖeka do ŋgɔ na gbedada si woɖo be woatsɔ aƒu gbe. Hafi woatsɔ gbea aƒu gbe la, ne anyigba ƒu akpa la, ele be woade tsii.\nFifia woate ŋu atsɔ gbea aɖo. Ele be woawɔ esia le gaƒoƒo 72 megbe tso esime wotso gbea tso agblea dzi. Alo ne esia manya wɔ o la, ele be woaʋu sod la le teƒe si vɔvɔli le eye woade tsie ɣeaɖewoɣi vaseɖe esime woatsɔe aɖo anyi.\nMègaƒo agbalẽ xatsaxatsawo nu ƒu ɖe wo nɔewo dzi le ƒuƒoƒo siwo wu 4 me o. Womeɖe mɔ ɖe gbe nyuiwo gɔ̃ hã ŋu ne agba sɔ gbɔ akpa o.\nÐo ŋku edzi be anyo be nàda gbea zi ɖeka. Esia ana woawɔ nusi wotsɔ blaa nu ɖekae si le gbadzaa.\nƔeyiɣi nyuitɔ si woatsɔ ama gbeae nye adame alo kele ƒe gɔmedzedze. Gake ele vevie be míaɖo ŋku edzi be mele be anyigba nazu tsikpe alo tsi akpa le ɣeyiɣi sia me o.\nSod ƒoƒo dzea egɔme le afisi te ɖe afisi wòsesẽna be woadzrae ɖo ŋu. Ðeko wòle be woatsɔ gbewo aɖo fli dzɔdzɔe dzi. Ne ehiã be woatsyɔ teƒe siwo ƒe nɔnɔme mele ɖoɖo nu o la, wotsɔa gbe kakɛ siwo wotso etɔxɛe tso stock la me xea teƒe sesẽwo.\nEle be fli ɖesiaɖe si woatsɔ atsyɔ nu dzi nadze egɔme eye wòawu enu kple agba blibo, alo kakɛ si ƒe lolome anye afã ya teti. Da kakɛ sue susɔeawo ɖe fli la titina, gake mègatsɔe de goawo dzi o.\nNe wowu enu vɔ la, woƒoa gbea ƒe fli ɖesiaɖe nu ƒu. Ne ʋuʋudedi alo ʋuʋudediwo do la, ehiã be woakɔ gbea ɖe dzi eye woana anyigba si le ete la nanɔ blɔ. Le ema megbe la, wogaƒoa gbea nu ƒu ake.\nWotsɔa fliwo dana ɖe wo nɔewo gbɔ, abe anyikpewo ene. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele vevie be nàkpɔ egbɔ be sod-gbadzɛawo te ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, gake womagaƒo ƒu ɖe wo nɔewo dzi o.\nWomekafu azɔlizɔzɔ le gbe si woda yeyee dzi o.\nGbewo dzi kpɔkpɔ\nNe èwu gbea dada nu vɔ la, ele be nàtsɔ nu tɔxɛ aɖe si wotsɔ tsakae la ayɔ teƒe si le lãgbalẽgoloawo me. Nusiwo wotsɔ tsaka siae nɔ te ɖe anyigba ƒomevi si le miaƒe nutoa me dzi.\nEle be woade tsi gbe si woda la nyuie. Le meta square ɖesiaɖe gome la, axɔ lita 15 ya teti. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, zi ɖeka gbesiagbe la, ehiã be woade tsi gbea hã.\nLe abe ɣleti ɖeka ene megbe la, gbea ƒe kewo atsi ɖekae kple gɔmeɖoanyi si dzi woda gbea ɖo, eye gbea ƒe nɔnɔme anyo.\nLe kwasiɖa eve alo etɔ̃ me le gbea dada vɔ megbe la, woate ŋu atso gbea. Ele be woawɔ esia le afisi wòɖoe ɖo, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woatso gbe ƒe aŋgbawo tame tututu ko. Zi geɖe la, wotsoa gbewo zi mamlɛtɔ le September me.\nLe kele me, ne anyigba xɔ dzo vɔ la, wogadea gbea eye wogalãnɛ ake, gake wogalãa gbea ƒe nugbɔ ŋutɔŋutɔwo ko.\nLe dzoxɔxɔɣi la, ele be woade tsi gbea abe ŋkeke 10 ɖesiaɖe ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/gazon\/","date":"2023-09-24T19:44:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506669.30\/warc\/CC-MAIN-20230924191454-20230924221454-00054.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993110895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999311089515686}","num_words":847,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Ðevimegbenɔnɔ To Ame Ŋu\n\"Ðevimenɔnɔ nye amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi vevitɔ kekeake na ɖeviwo.\"—\"The Hurried Child.\"\nÐEWOHĨ àlɔ̃ ɖe edzi be ele be woatsɔ beléle aɖe ya teti na ɖevi ɖesiaɖe le eƒe ɖevimenɔɣi si me fukpekpe manɔ fũ o. Gake mele alea le ŋutsuvi kple nyɔnuvi geɖe gome o, elabena agbenɔnɔ ma tɔgbe mesua wo si o. Wò ya bu ɖevi akpe nanewo, ɖewohĩ miliɔn nanewo ƒe ɖevimedidi siwo tsia akpo dzi ne wova zu amesiwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la ŋu kpɔ. Gabu ɖevi siwo katã ƒe agbe dome kluvinyenye alo ŋutasesẽ gblẽ la ŋu kpɔ.\nAsesẽ na mía dometɔ akpa gãtɔ be míasusu alesi ɖevi sena le eɖokui me ne eva zu dzizizi nɛ be wòatsi ablɔdzi le esi wòkpɔe be afima nɔnɔ ana yeanɔ dedie wu aƒeme ta. Ɣeyiɣi si tututu me ɖevi siawo hiã lɔlɔ̃ kple ametakpɔkpɔ si woate ŋu akpɔ lae wòva hiãna be woasrɔ̃ ablɔdzigbenɔnɔ si woatsɔ akpɔ wo ɖokui ta tso wo dzidzela siwo dina vevie be yewoaba wo la si me. Enuenu la, ɖevimenɔɣi ŋutɔ nyea nusi ŋu míaƒe xexe si me xaxawo sɔ gbɔ ɖo gblẽa nu le vevie.\n\"Edzroam be Magagbugbɔ Ayi Nye Ðevimenɔɣi Me\"\nCarmen, si xɔ ƒe 22, kpe fu le eƒe ɖevimenɔɣi. * Eva hiã be woa kple nɔvianyɔnu natsi ablɔdzi be woatsɔ asi le wo fofo ƒe ŋutasesẽ nu kple wo dada ƒe ɖekematsɔmatsɔ le wo me ta. Togbɔ be afɔkuwo nɔa agbe sia nɔnɔ me hã la, nyɔnuvi eveawo siaa dze agbagba ƒo asa na nɔnɔme sesẽ siwo ɖea kpe na ɖevi geɖe siwo dzo ɖo gbe la.\nKe hã, Carmen gakpɔtɔ xaa nu ɖe eƒe ɖevimenɔɣi ta, elabena mate ŋu aɖo ŋku edzi tututu be yenɔ ɖevime kpɔ o. Efa konyi be: \"Meto fukpekpe me le nye ɖevimenɔɣi va ɖo nye ƒe 22 xɔxɔ me. Fifia meɖe srɔ̃ dzi vi, gake egadzroam vevie be mawɔ nusiwo nyɔnuvi suewo wɔna, abe fefe kple ametikpakpɛwo ene. Medi be dzinyelawo nalɔ̃m ahakpla asi kɔ nam. Edzroam be magagbugbɔ ayi nye ɖevimenɔɣi me.\"\nÐevi gbogbo aɖewo li siwo kpea fu abe Carmen kple nɔvianyɔnua ene. Wotsi ablɔwo dzi, si wɔnɛ be woƒe ɖevimenɔɣi to wo ŋu. Amesiawo dometɔ geɖe wɔa nuvlowo bene woatsɔ akpɔ woƒe agbemenuhiahiãwo gbɔe. Nyadzɔdzɔ me nyatakakawo kple akɔntabubuwo ɖee fia be ɖeviwo le wo ɖokuiwo ƒom ɖe nuvlowɔwɔ me le woƒe ɖevi fẽ me. Nusi naa kuxi ma doa fievo ɖe edzi enye kuxi bubu si nye be: Nyɔnuvi geɖewo va zua dzilawo esime wogakpɔtɔ le woƒe ƒewuiwo me—esime woa ŋutɔwo wonye ɖeviwo.\nHadomekuxi Ɣaɣla Aɖe\nMewɔ nuku o be, ɖevi siwo va zua amegbɔnɔlawo mlɔeba ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi o. Nyadzɔdzɔtalawo ƒe nya aɖe si dze le Weekend Australian me gblɔ be: \"Amegbɔnɔnɔ ŋuti kuxiwova wu tsɔtsɔ na mí. Womegava le beléle aɖeke tsɔm na ƒome siwo gbã kple esiwo me dzidzɔ megale o la me vi gbogbo aɖewo o.\" Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ be: \"Ðevi amegbɔnɔla aɖewo nɔa anyi ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã, amesiwo kpɔa woƒe nyawo gbɔ le se nu makpɔmakpɔe, eye wokplɔa bubuwo yia ame vovovowo gbɔ, afisi womekpɔa ame ɖeka gobii aɖe gbɔ nɔna ɖaa o.\"\nNyatakaka siwo woxɔ la dometɔ ɖeka ku ɖe nyɔnuvi ƒe 13-vi aɖe si vanɔ ame vovovo 97 gbɔ le ƒe etɔ̃ me—amesiwo dometɔ aɖewo gbɔ wònɔ le zã ɖeka pɛ ko me—la ŋu. Fifia la, eɖoa ŋku alesi wòse le eɖokui me vevie be wogblẽ ye ɖi eye be yemele dedie o la dzi. Le ɖevi amegbɔnɔla geɖe siwo le abe eya ene gome la, ɖevimenɔɣi ƒe mɔnukpɔkpɔwo nye nusi to wo ŋu.\nEkema mewɔ nuku o be, egbea la eŋununyala bibiwo le nu ƒom tso dzidzɔmakpɔmakpɔ le ɖevime ƒe afɔku si le dzidzim ɖe edzi ŋu o. Ne dzilae nènye la, àde ŋugble le nyateƒenya siawo ŋu ahabu ɖokuiwò be yegbɔ nyo be yete ŋu na aƒe kple agbemenuhiahiãwo ye viwo. Gake afɔku bubu aɖe gali. Le egbexexea me la, ɖevime dzidzɔkpɔkpɔ mebuna ɖe ame keŋkeŋ ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, woƒoa du ɖe ɖeviawo nu. Le mɔ ka nu, eye nukae dona tsoa eme?\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/Ne-%C3%90evimegben%C9%94n%C9%94-To-Ame-%C5%8Au\/","date":"2023-10-04T16:33:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511386.54\/warc\/CC-MAIN-20231004152134-20231004182134-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992392063,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992392063140869}","num_words":675,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le atrakpui siwo ƒe tɔtrɔ nye 90 ŋu°\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX\n- ʋuƒo si atrakpuiawo axɔ la ƒe didime\nY\n- kɔkɔme tso dzisasrã gbãtɔ ƒe anyigba dzi va ɖo dzisasrã evelia ƒe anyigba\nE\n- Atrakpui ƒe kekeme\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nZ\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nC\n- afɔɖeɖewo katã ƒe xexlẽme\nP\n- Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme + teƒe\nAtrakpui siwo trɔna ƒe akɔntabubu sesẽ vie wu atrakpui dzɔdzɔewo ƒe akɔntabubu.\nWobua akɔnta le atrakpuiawo ƒe nyonyo ŋu to mɔfiame si wotu ɖe afɔɖeɖea ƒe didime dzi dzi.\nAmegbetɔ ƒe afɔɖeɖe ƒe didime tso sentimeta 60 va ɖo 66, eye le mama dedie nu la, sentimeta 63.\nAtrakpui si dzi woate ŋu azɔ bɔbɔe la sɔ kple mɔfiame si nye: afɔɖeɖe 2 ƒe kɔkɔme + afɔɖeɖe ƒe goglome = 63±3 cm.\nAtrakpuiawo ƒe togbɛ si dzi wofa wue nye tso 30° va ɖo 40°.\nEle be atrakpuiawo ƒe atrakpuiwo ƒe goglome nasɔ kple afɔkpa ƒe lolome 45 - ne mede ɖeke o la, sentimeta 28-30.\nWoate ŋu axe fe ɖe goglome ƒe anyimanɔmanɔ ta to afɔɖeɖea ƒe dodo ɖe ŋgɔ me.\nEle be afɔɖeɖea ƒe kɔkɔme nade sentimeta 20-25.\nÀte ŋu akpɔ alesi wòanɔ bɔbɔe na ʋuƒo si wotsɔna trɔa asi le nuƒolanɔƒea hã ne ètrɔ nuƒolanɔƒea ƒe kɔkɔme.\nÐoɖowɔɖia awɔ atrakpui siwo trɔna ƒe nɔnɔmetatawo kple dzogoe veviwo kple woƒe didimewo.\nNutataawo ɖe atrakpuiawo ƒe didime bliboa fia, wode dzesi atrakpuiawo tame le akplɔawo dzi, atrakpuiawo ƒe dzogoewo kple atrakpuiawo ŋutɔ ƒe didime veviwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica2\/","date":"2023-09-23T10:27:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999581039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995810389518738}","num_words":234,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Yuda, Yesu Kristo ƒe kluvi, ame si nye Yakobo+ nɔvi, le esia ŋlɔm ɖo ɖe ame siwo woyɔ,+ siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòkpɔ wo ta na Yesu Kristo:+ 2 Nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa kpakple lɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi na mi. 3 Lɔlɔ̃tɔwo, togbɔ be menɔ agbagba dzem vevie be maŋlɔ xɔxɔ si mí katã míakpɔ ŋu nya ɖo ɖe mi hã la,+ mekpɔe be ehiã be maŋlɔ agbalẽ na mi atsɔ axlɔ̃ nu mi be miaʋli sesĩe hena xɔse+ si wotsɔ na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la boŋ. 4 Susu si tae nye be, ame aɖewo va tra ɖe mia dome dzaa, ame siwo Ŋɔŋlɔawo ɖo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ɣeyiɣi didi aɖee nye esia; wonye ame mavɔ̃mawuwo, ame siwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve la wòzua mɔɖeɖe ɖe ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe*+ ŋu, eye womewɔa nuteƒe na míaƒe Aƒetɔ ɖeka kolia, si nye Yesu Kristo, ame si tɔ míenye la o.+ 5 Togbɔ be mienya nu siawo katã nyuie hã la, medi be magaɖo ŋku edzi na mi be Yehowa* ɖe dukɔ aɖe tso Egipte-nyigba dzi,+ gake emegbe etsrɔ̃ ame siwo meɖe xɔse fia o la.+ 6 Eye mawudɔla siwo menɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la,+ ede kɔsɔkɔsɔ mavɔwo wo, eye wòdzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.+ 7 Nenema kee Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo hã ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me wògbɔ eme, eye wodze ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la yome;+ wotsɔ wo wɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí, esi wotsɔ dzo mavɔ he to na woe.+ 8 Ke hã, ame siawo hã kua drɔ̃e, woƒoa ɖi ŋutilã la, wodoa vlo ŋusẽ si ɖua wo dzi la, eye woƒoa nu gbegblẽ tso ŋutikɔkɔemewo ŋu.+ 9 Ke esi nya ɖo mawudɔla gãtɔ+ Mikael+ kple Abosam dome, eye wòle nya hem kplii le Mose ƒe kukua+ ŋu la, mete kpɔ be yeagblɔ nya vlo aɖeke atsɔ abu fɔe o,+ ke boŋ egblɔ be: \"Yehowa* neka mo na wò.\"+ 10 Gake ame siawo le nu gbegblẽ ƒom le nu siwo katã gɔme womese ŋutɔŋutɔ o la ŋu.+ Ke le nu siwo katã gɔme wose le dzɔdzɔme nu abe lã manyanuwo ene me la,+ woyi edzi le nu gblẽm le wo ɖokuiwo ŋu. 11 Baba na wo, elabena woto Kain+ ƒe ʋe me, eye woƒu du dze Bileam+ ƒe mɔ vɔ̃ɖi la dzi hena fetu, eye wotsrɔ̃ le Kora+ ƒe nuƒoƒo aglãdzedzetɔe+ la me! 12 Ame siawoe nye agakpe siwo ɣla ɖe tɔ gɔme, siwo le nu ɖum kpli mi le miaƒe lɔlɔ̃kplɔ̃ɖoɖowo me,+ alẽkplɔla siwo nyia wo ɖokuiwo vɔvɔ̃manɔmee;+ alilikpo siwo me tsi mele o, siwo ya lɔna yina gbɔnae;+ ati siwo li va se ɖe kele ƒe nuwuwu, gake wometsea ku o, woku zi eve,* eye woho wo; 13 wonye ƒutsotsoe dzeagbo siwo kplɔa woawo ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo ƒe futukpɔ va kɔna ɖe gota;+ ɣletivi siwo mezɔna ɖe ɖoɖo aɖeke nu o, siwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na tegbee.+ 14 Ɛ̃, Enok,+ ame si nye adrelia tso Adam dzi, hã gblɔ nya ɖi tso wo ŋu, esi wògblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Yehowa* va kple eƒe ame kɔkɔe akpeakpewo,+ 15 be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo katã,+ eye yeabu fɔ ame mavɔ̃mawuwo katã le woƒe mawumavɔmavɔ̃nu siwo wowɔ le mawumavɔmavɔ̃ me, kple nya baɖa siwo katã nu vɔ̃ wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ tso eŋu la ta.\"+ 16 Ame siawo nye liʋiliʋĩlĩlawo,+ ame siwo toa nyatoƒoe le esi nu medzea wo ŋu o ta, ame siwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,+ wotsɔa woƒe nu ƒoa adegbe gãwo, eye wodoa vivi ɖe amewo ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe viɖe kpɔkpɔ ta.+ 17 Ke miawo la, lɔlɔ̃tɔwo, miɖo ŋku nya siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ do ŋgɔ la dzi, 18 ale si wonɔ gbɔgblɔm na mi be: \"Le ɣeyiɣi mamlɛa me la, fewuɖulawo ava, ame siwo ati woawo ŋutɔwo ƒe mawumavɔmavɔ̃ ƒe nudzodzrowo yome.\"+ 19 Ame siawoe dea mama amewo me,+ ame siwo le abe lãwo ene,* siwo mebua gbɔgbɔmenuwo* ŋu o. 20 Ke miawo la, lɔlɔ̃tɔwo, mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi, mido gbe ɖa le gbɔgbɔ kɔkɔe me,+ 21 eye minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa,+ esi miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.+ 22 Azɔ hã, miyi edzi mianɔ nublanui kpɔm+ na ame siwo me ɖikekewo le;+ 23 mihe wo do goe tso dzo la me ne miaxɔ wo ɖe agbe.+ Ke miyi edzi miakpɔ nublanui na ame bubuwo, eye miwɔ esia kple vɔvɔ̃, eye milé fu woƒe awu si ŋutilã la ƒo ɖii la gɔ̃ hã.+ 24 Ke ame si ate ŋu adzɔ mia ŋu be miagakli nu o, eye wòana mianɔ te anye mokakamanɔŋutɔwo+ le eƒe ŋutikɔkɔe la ŋkume le dzidzɔ gã me, 25 Mawu ɖeka kolia, si nye mía Xɔla to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe, gãnyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu tso ɣeyiɣi mavɔmavɔ siwo va yi kple fifia, heyi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"woku keŋkeŋ.\"\n^ Alo, \"ame siwo nye ŋutilãmemewo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"gbɔgbɔ la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yuda\/1\/","date":"2023-09-30T12:58:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510676.40\/warc\/CC-MAIN-20230930113949-20230930143949-00424.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987484813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987484812736511}","num_words":831,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe Nukpɔsusu\nAleke Wole Be Míawɔ Míaƒe Tiatiawɔblɔɖe Ŋudɔe?\nMAWU tsɔ tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete yra ame gbãtɔ Adam kple Xawa. Etsɔ Eden-bɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Adam. Adam ƒe dɔdasia dometɔ aɖee nye be wòatia ŋkɔ si wòayɔ na lãwo. (Mose I, 2:15, 19) Vevietɔ wu la, Adam kple Xawa ate ŋu atiae be yewoaɖo to Mawu alo yewomaɖo toe o.—Mose I, 2:17, 18.\nTso ɣemaɣi vaseɖe fifia la amewo wɔ nyametsotso biliɔn gbogbo aɖewo—geɖewo nyo, ɖewo mesɔ o, bubuwo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Nyametsotso gbegblẽ aɖewo siwo amegbetɔwo wɔ he afɔkuwo vɛ. Ke hã Mawu mede nu míaƒe tiatiawɔblɔɖea me kpɔ o. Esi Mawu nye Fofo lɔ̃ame ta la, enaa mí kpekpeɖeŋu to Biblia dzi be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo. Exlɔ̃a nu mí hã ku ɖe afɔku siwo le tiatia gbegblẽ wɔwɔ me ŋu. Biblia gblɔ be míaŋe nusi míeƒã.—Galatiatɔwo 6:7.\nAme Ŋutɔ ƒe Nyametsotsowo Wɔwɔ\nLe nya aɖewo me la, Mawu gblɔ nusi wòdi tso mía si eme kɔna, eye wònana mɔfiafia tɔxɛ aɖewo mí. Gake le nya akpa gãtɔ me la, Biblia mewɔ sewo be woafia nusianu si míawɔ le mía ŋutɔwo ƒe nyawo me o. Le ema teƒe la, ena mɔfiafia gbadzaa si ɖea mɔ na amesiame be wòawɔ nusi dzroe alo wòawɔ eƒe dzimedidi. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si wògblɔ ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu.\nTimoteo I, 1:11) Mawu ƒe Nya ƒo nu tso \"nukoɣi\" kple \"ɣeɖuɣi\" ŋu. (Nyagblɔla 3:1, 4) Biblia gblɔ be Fia Dawid ƒo ha tsɔ ɖe modzakae na ame bubuwo. (Samuel I, 16:16-18, 23) Yesu de srɔ̃ɖeƒe aɖe eye wòtrɔ tsi wòzu wein tsɔ kpe asi ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu.—Yohanes 2:1-10.Ŋɔŋlɔawo yɔ Yehowa be 'Mawu dzidzɔtɔ.' (\nKe hã Biblia xlɔ̃ nu wòsɔ nyuie be: \"Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.\" (Lododowo 13:20) \"Atsaƒoƒo\" kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔnawo nye nuvɔ̃wɔwɔ si tsia tre ɖe Mawu ŋu, eye woate ŋu agblẽ mía kpli ƒe ƒomedodo me. (Efesotɔwo 5:3-5) Ne wono aha ŋumaɖɔɖotɔe le hadomekpekpewo me la, ete ŋu hea afɔku gãwo vɛ. (Lododowo 23:29-35; Yesaya 5:11, 12) Yehowa Mawu léa fu ŋutasẽnuwɔwɔ hã.—Psalmo 11:5; Lododowo 3:31.\nBiblia me kpukpui siawo kpena ɖe mía ŋu be Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu sua mía si. Ne Kristotɔwo di be yewoawɔ tiatia la, woléa ŋku ɖe eŋu be esɔ ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu nu hã. Nyateƒee, mía dometɔ ɖesiaɖe atsɔ eya ŋutɔ ƒe tiatiawɔwɔ me tsonu ƒe agba eɖanye nyui alo vɔ̃e o.—Galatiatɔwo 6:7-10.\nNenema ke woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ nyametsotso nyui siwo ku ɖe awudodo, srɔ��ɖeɖe, dzilanyenye, kple dɔwɔnyawo ŋu wòasɔ kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo. Esiawo lɔ nya siwo ŋu womeƒo nu tsoe tẽ le Ŋɔŋlɔawo me o ɖe eme, ke hã gɔmeɖose si dze le eme kpena ɖe wo ŋu be wowɔa nyametsotso si nɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi. (Romatɔwo 2:14, 15) Ele be gɔmeɖose si gbɔna la nawɔ dɔ le Kristotɔ ɖesiaɖe ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòawɔ la me: \"Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.\"—Korintotɔwo I, 10:31.\nLe tiatiawɔwɔ ƒe nya sia me la, ele be míalé ŋku ɖe gɔmeɖose si nye 'míagade nu ame bubu ƒe nya me o' ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 4:11) Tiatia vovovowo nɔa anyi zi geɖe Kristotɔ ate ŋu awɔ siwo matsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o. Eyata Kristotɔ aɖe ƒe tiatiawɔwɔ ato vovo tso Kristotɔ bubuwo tɔ gbɔ. Madzɔ dzi na Mawu be wòakpɔ be esubɔlawo le ʋɔnu drɔ̃m wo nɔewo o. (Yakobo 4:11, 12) Biblia xlɔ̃ nu le nunya me be: \"Ame aɖeke nagakpe fu abe . . . amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o.\"—Petro I, 4:15.\nNyametsotso be Woasubɔ Mawu\nBiblia te gbe ɖe viɖe siwo le toɖoɖo Mawu me dzi. Ke hã Mawu mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Le ema teƒe la ekpea eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be woava nye ye subɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: \"Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo ɖe Yehowa, mía wɔla, ŋku me.\"—Psalmo 95:6.\nBlema Israel-dukɔa gbɔe wodo amekpekpe sia ɖo. Ƒe 3,500 kple edzivɔe nye esi va yi Israel-dukɔa nɔ tsitre ɖe Sinai-toa gɔme, eye Mawu gblɔ tadeagu vavã ƒe ɖoɖo si dze le Mose ƒe Sea me fia woamawo si nye ame miliɔn nanewo. Fifia tiatiawɔwɔ dze ŋgɔ wo: Ðe woasubɔ Mawu alo womasubɔe oa? Aleke woɖo eŋui? Wo katã wotsɔ nusɔsɔ gblɔ be: 'Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe, eye míalé eme ɖe asi.' (Mose II, 24:7) Nyametsotso be woasubɔ Yehowa alo womasubɔe o nye esi woa ŋutɔwo wɔ.\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu ɖo gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia anyi. (Mateo 4:17; 24:14) Mezii ɖe ame aɖeke dzi be wòaƒo eɖokui ɖe dɔ sia wɔwɔ me o. Ke boŋ ekpe ame bubuwo dɔmenyotɔe be: 'Va nɔ yonyeme.' (Marko 2:14; 10:21) Ame geɖewo lɔ̃ ɖe eƒe amekpekpea dzi eye wodze gbeƒãɖeɖe gɔme kplii. (Luka 10:1-9) Ɣeaɖeɣi megbe la, ame aɖewo trɔ le Yesu yome. Yuda dee asi. (Yohanes 6:66; Dɔwɔwɔwo 1:25) Emegbe ame geɖe wu va zu nusrɔ̃lawo le apostoloawo ƒe mɔfiafia te ke menye yie wotsɔ ɖe wo ŋu hafi o ke boŋ woa ŋutɔwoe tso le woƒe lɔlɔ̃nu me. Wowɔ 'tiatia si sɔ' eye 'wozu xɔsetɔwo.' (Dɔwɔwɔwo 13:48; 17:34) Egbea hã Kristotɔ vavãwo ɖoa to Mawu ƒe Nya la kple dzi faa eye wowɔna ɖe Yesu ƒe nufiafia dzi.\nEme kɔ ƒã be enye Mawu ƒe didi be míazã míaƒe ŋutete awɔ tiatiawo. Ena mɔfiafia mí hã le Biblia me si kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuitɔwo. (Psalmo 25:12) Le afisiwo woawɔ ame ŋutɔ ƒe nyametsotso le la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nadzro mawumegɔmeɖosewo me nyuie. Esia wɔwɔ me koe míate ŋu atsɔ \"subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ƒe ŋutete\" ana Mawu.—Romatɔwo 12:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030308\/Aleke-Wole-Be-M%C3%ADaw%C9%94-M%C3%ADa%C6%92e-Tiatiaw%C9%94bl%C9%94%C9%96e-%C5%8Aud%C9%94e\/","date":"2023-09-25T12:43:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233508977.50\/warc\/CC-MAIN-20230925115505-20230925145505-00860.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979724884,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979724884033203}","num_words":930,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 \"Ɣemaɣi la, Mikael,*+ amegã+ si do le mia deviwo ta la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o la ava. Woaxɔ na wò dukɔ ɣemaɣi,+ woaxɔ na ame sia ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbalẽ la me.+ 2 Ame siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba tume la dometɔ geɖewo anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuwo na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ. 3 \"Ame siwo si gɔmesese deto le la aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye ame siwo kplɔa ame geɖewo vaa dzɔdzɔenyenyemɔ dzi la aklẽ abe ɣletiviwo ene, ɖaa tegbee. 4 \"Ke wò, Daniel, ɣla nya siawo, eye nàtre agbalẽ la nu va se ɖe nuwuɣi la.+ Ame geɖewo atsa,* eye sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.\"+ 5 Eye nye, Daniel mekpɔ ame eve bubu le tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go kemɛ.+ 6 Eye wo dometɔ ɖeka bia ŋutsu si do aklalawu,+ si le tɔsisi la tame be: \"Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi nu wɔnuku siawo me vava nawu nu?\" 7 Eye mesee ŋutsu si do aklalawu, si le tɔsisi la tame do eƒe ɖusi kple miasi ɖe dziƒo hetà Ame si le agbe tegbee la be:+ \"Anye ɣeyiɣi kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã.* Ne wokaka dukɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ vɔ ko la,+ nu siawo katã awu enu.\" 8 Mesee, ke nyemese egɔme o;+ eya ta megblɔ be: \"Oo, nye aƒetɔ, alekee nu siawo ava wu enui?\" 9 Eye wògblɔ be: \"Daniel, heyi, elabena nya siawo anɔ ɣaɣla, eye wotre wo nu va se ɖe nuwuɣi la.+ 10 Ame geɖewo akɔ wo ɖokuiwo ŋu, woafu ɣie, eye woadza wo ŋu.+ Ame vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o; ke ame siwo si gɔmesese deto le la ase egɔme.+ 11 \"Eye tso esime wotsi gbe sia gbe vɔsa la nu,+ eye woɖo ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ anyi la,+ le ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaasieke. 12 \"Dzidzɔtɔe nye ame si lala* va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la ƒe nuwuwu! 13 \"Ke wò la, heyi va se ɖe nuwuwu. Àgbɔ ɖe eme, ke àfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu axɔ wò gome.\"*+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Ame Kae Le Abe Mawu Ene?\"\n^ Alo, \"adzro eme [efia, agbalẽ la me] tsitotsito.\"\n^ Efia, ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã.\n^ Alo, \"ame si le mɔ kpɔm vevie.\"\n^ Alo, \"ŋkekeawo ƒe nuwuwu le teƒe si wona wò.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/daniel\/12\/","date":"2023-09-26T15:43:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510214.81\/warc\/CC-MAIN-20230926143354-20230926173354-00678.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995325804,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995325803756714}","num_words":398,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Nuwo Ava Ka Ðe Eme Gbaɖegbea?\nEGBEA la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ kple ƒuƒoƒo bubu siwo tsɔ ɖe le eme le ŋkuléle ɖe dɔlélewo kple wo nutsitsi ƒe ɖoɖowo wɔm. Habɔbɔ vovovowo le nyatakakawo kakam eye wole numekukuwo wɔm le atike yeye kple dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ nutsitsi mɔnu yeyewo ŋu, eye wole esiawo katã wɔm kple susu be woatsɔ akpɔ dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ ƒe kuxi si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ. Ame ɖekaɖekawo kple nutowo hã ate ŋu awɔ geɖe atsɔ ana nyatakaka wo nɔewo be woatsɔ akpɔ wo ɖokuiwo ta. Ke hã ame ɖekaɖekawo takpɔkpɔ mesɔ kple dɔléle nutsitsi le xexeame godoo o.\nEŋununyala bibi geɖe xɔe se be xexeame katã ƒe nuwɔwɔ ɖekae kple kakaɖedzi si anɔ wo sie nye nu vevitɔ le dɔléle nuléle me. Nyadzɔdzɔŋlɔla Laurie Garrett si nye Pulitzer Nunanaxɔla, ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Coming Plague—Newly Emerging Diseases in a World out of Balance me be: \"Amegbetɔwo ƒe kadodo si le dzidzim ɖe edzi kabakaba le afisiafi la bia nu geɖe wu woƒe aƒelika, nutowo, dukɔwo alo xexe nogo si me wole la bubu abe ame ɖeka kolia ƒe nɔƒe aɖe ko ene. Dɔlékuiwo kple nu gbagbe siwo me wonɔna medea dzesi liƒo siwo amegbetɔwo ɖo o.\" Ne dɔléle yeye aɖe do le dukɔ ɖeka aɖe me la, menye dukɔ siwo ƒo xlãe ɖeɖekoe tsia dzi o ke boŋ xexeame katãe.\nDziɖuɖu kple ame aɖewo gakpɔtɔ kea ɖi le mɔxexe ɖe enu ƒe mɔnu aɖewo ŋu—siwo nye dɔlélenutsitsi ŋuti ɖoɖo—siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dziɖuɖuwo ƒe numakpɔmakpɔ yi ŋgɔ kple ŋukeklẽ le asitsanyawo me nyea mɔxenuna dukɔwo dome ɖoɖo geɖewo. Ðe dɔlékuiwo akpɔ dzidzedze le ʋiʋli si ɖo amegbetɔwo kple dɔléle dome la mea? Agbalẽŋlɔla Eugene Linden, amesi susui be woate ŋu akpɔ dzidzedze gblɔ be: \"Ɣeyiɣi aɖeke megasusɔ le hoʋiʋlia me o.\"\nNusita Mɔkpɔkpɔ Li\nŊgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me mete ŋu le alesi dɔléle le dzidzim ɖe edzii la gbɔ kpɔm o. Eye nyateƒee wònye be dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ nye amegbetɔwo ƒe lãmesẽkuxi geɖewo dometɔ ɖeka pɛ ko. Gake mɔkpɔkpɔ li. Togbɔ be azɔe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va dze kadodo tɔxɛ si le nu gbagbewo dome gɔme sem hã la, wova kpɔe be ŋutete le anyigbaa ŋu be wòayɔ dɔ eɖokui. Ŋutete le míaƒe ɣletinyigbaa ŋu be wòagbugbɔ dzɔdzɔmenuwo ƒe dɔwɔnawo aɖo eteƒe. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe teƒe siwo woŋlɔ kpɔ gate ŋu va zua avewo, eye nugbagbeviwo, nudzodzoeviwo, kple lãwo gagbugbɔ vana ake le ɣeyiɣi aɖe megbe.\nVevietɔ wu la, alesi dzɔdzɔme wɔ nukui la fia asi Wɔla aɖe, si nye Mawu si ɖo ɖoɖo si dzi wòle be anyigba nazɔ ɖo la gɔme anyi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖewo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be nunyala gã aɖe kokokoe anya wɔ anyigba. Ẽ, amesiwo bua tame vevie mate ŋu agbe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse dzidzedzetɔe o. Biblia la ɖɔ Wɔla, Yehowa Mawu be enye ŋusẽkatãtɔ eye wòlɔ̃a ame. Etsɔ ɖe le míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me vevie.\nBiblia ɖe nu me hã be amegbetɔ gbãtɔwo ƒe nuvɔ̃ si woɖo koŋ wɔe na amewo nyi blibomademade, dɔléle kple ku ƒe dome. Ðe ema fia be fukpekpe me koe míanɔ ɖaa tegbeea? Ao! Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeawɔ anyigba wòazu paradiso, afisi amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe le dziɖeɖi me kple nuwɔwɔ bubuwo, gãtɔwo kple suetɔwo siaa. Biblia gblɔ xexe aɖe si me nuwɔwɔ aɖeke, eɖanye lã gã aɖe alo nudzodzoevi aɖe o, maganye afɔku na amegbetɔwo o ŋu nya ɖi.—Yesaya 11:6-9.\nGake ele be amegbetɔwo nawɔ akpa aɖe le nɔnɔme mawo ƒe anyinɔnɔ ŋu—le hadomegbenɔnɔ kple le nutoa me siaa. Mawu de se na amegbetɔ be \"wòakpɔ\" anyigba la dzi. (Mose I, 2:15) Le paradiso si gbɔna me la, amegbetɔwo awɔ dɔ ma dzidzedzetɔe ne woɖo to Wɔlaa ŋutɔ ƒe mɔfiamewo ɖokuibɔbɔtɔe. Eyata míate ŋu akpɔ mɔ na ŋkeke si \"Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.\"—Yesaya 33:24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030608\/%C3%90e-Nuwo-Ava-Ka-%C3%90e-Eme-Gba%C9%96egbea\/","date":"2023-09-22T06:09:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506329.15\/warc\/CC-MAIN-20230922034112-20230922064112-00514.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999286592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992865920066833}","num_words":649,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae dzilawo kea ŋku ɖe wo viwo ƒe nuwo me?\nDziwòlawo be ɖeko yewotsɔ ɖe le eme nawò. Gake wò ya, ekpɔnɛ be wole ŋku kem ɖe yeƒe nuwɔnawo me fũu akpa. Le kpɔɖeŋu me:\nƑewuivi aɖe si ŋkɔe nye Erin gblɔ be: \"Tɔnye tsɔa nye asitelefon hebiana be mana ye nye mɔʋunya, eye wòxlẽa nye text message siwo le edzi la. Ne mebe maɖe ɖokuinye nu la, esusuna be ɖe mele nane ɣlam ɖe ye.\"\nDenise si nye nyɔnuvi aɖe si le eƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo ɖo ŋku edzi be ye dada nɔa ame siwo ƒo ka na yewo la ƒe ŋkɔwo me tsam. \"Ekpɔa kaƒodzesi ɖe sia ɖe eye wòdina be yeanya ame siwo tɔ wonye kple nu si ŋu míeɖo dze tsoe.\"\nSɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Kayla gblɔ be ye nɔ xlẽ agbalẽvi siwo me yeŋlɔa yeƒe nya ɣaɣla aɖewo ɖo la dometɔ ɖeka. \"Meŋlɔ ale si mese le ɖokuinye me tso nanewo ŋu la ɖe eme—wo dometɔ aɖewo ku ɖe nɔnye ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu! Esia na medzudzɔ nye nya ɣaɣlawo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ me.\"\nNya vevitɔ: Dziwòlawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woana nànɔ dedie, eye màte ŋu agblɔ afi si woatsɔ agbanɔamedzi sia ase ɖo la na wo o. Ðe wòdzena na wò be wogawɔnɛ wògbɔa eme ɣeaɖewoɣia? Ate ŋu awɔ na wò nenema. Gake nanewo li nàte ŋu awɔ si awɔe be mànɔ sesẽm le ɖokuiwò me be wole ŋku kem ɖe yeƒe nuwo me akpa o.\nNu si nàte ŋu awɔ\nMèganɔ wò nuwɔnawo ɣlãm o. Biblia de dzi ƒo na mí be \"míaɖi anukware le nuwo katã me.\" (Hebritɔwo 13:18) Dze agbagba dziwòlawo nakpɔe le ŋuwò nenema. Ne èɖia anukware na wo heʋua go wò nuwɔnawo na wo la, womaganɔ ŋku kem ɖe wò nuwɔnawo me fũu akpa o.\nBu nya sia ŋu: Aleke gbegbee wò nuwɔnawo wɔe be dziwòlawo ka ɖe dziwòe? Ðe nègbɔna vaa aƒe me ɖe game si woɖo na wò la dzia? ɖe nèɣlaa ame siwo xɔ̃wòwo nyea? ɖe nèwɔa nu le bebemea?\n\"Nyemeɣlaa nye nuwɔnawo ɖe dzinyelawo o. Megblɔa nu siwo le edzi yim le nye agbe me la na wo. Megblɔa nu sia nu si wodi be yewoanya la na wo, eye esia wɔe be wokana ɖe dzinye eye womekea ŋku ɖe nye nuwɔnawo me akpa o.\"—Delia.\nGbɔ dzi ɖi. Biblia gblɔ be: \"Minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.\" (2 Korintotɔwo 13:5) Axɔ ɣeyiɣi hafi wò nuwɔnawo nana dziwòlawo naka ɖe dziwò, gake nu nyuiwo dona tsoa eme godoo.\nBu nya sia ŋu: Dziwòlawo hã nye sɔhɛwo kpɔ. Ŋusẽ kae nèsusu be ema akpɔ ɖe ale si woatsɔ ɖe le eme na wò dzi?\n\"Ewɔna nam be dzilawo ɖoa ŋku vodada siwo wowɔ esime wonye sɔhɛwo la dzi, eye womedina be yewo vi ƒewuiviwo nawɔ vodada mawo ke o.\"—Daniel.\nSe veve ɖe ame nu. Dze agbagba nàbu nuwo ŋu abe ale si dziwòlawo bunɛ ene. Biblia gblɔ be srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ 'léa ŋku ɖe eƒe aƒemetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu nyuie' eye wògblɔ tso vifofo nyui hã ŋu be ehea viawo le \"Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.\" (Lododowo 31:27; Efesotɔwo 6:4) Mɔ kpui aɖeke meli si dzi woato awɔ esia o: ehiã be dziwòlawo nade nu wò nyawo me.\nBu nya sia ŋu: Ne dzilae nènye—eye wò susu le nu siwo nènya tso ƒe ƒewuiviwo ŋu la,—ɖe nàɖe mɔ na viwònyɔnuvi alo viwòŋutsuvi be wòawɔ nu sia nu si wòdi eye màbia nya aɖekee oa?\n\"Ne ènye sɔhɛ la, awɔ na wò be ye dzilawo le ŋku kem ɖe yeƒe nuwo me fũu akpa. Gake fifia si metsi vie la, meva se nu si tae wòle be dzilawo nawɔe nenema ɖo la gɔme. Esi wolɔ̃ wò tae.\"—James.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/teenagers\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/dzinyelawo-nagan%C9%94-%C5%8Bku-kem-%C9%96e-w%C3%B2-nuwo-me-o\/","date":"2023-09-24T05:10:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506559.11\/warc\/CC-MAIN-20230924023050-20230924053050-00152.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99816221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981622099876404}","num_words":615,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO 2001-08-08 Fuléle Le Nu Gblẽm Le Xexeame Katã Nusiwo Gbɔ Fuléle Tsona Fulélenuwɔnawo Nu Tsitsi Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo Wonaa Kpekpeɖeŋu le Afisiafi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Le Dɔ Dzi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔ si Ŋu Viɖe Mavɔ Le Aleke Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyee? Marabou—Xe si Ŋu Wobua Vɔ̃ Ðo Madzemadzee Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010808\/","date":"2023-10-03T15:17:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511106.1\/warc\/CC-MAIN-20231003124522-20231003154522-00804.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997214973,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972149729728699}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Esi wogblɔ na Sanbalat, Tobiya,+ Arabiatɔ+ Gesem kple míaƒe futɔ susɔeawo be megbugbɔ gli la ɖo,+ eye gbagbãƒe aɖeke mesusɔ ɖe eŋu o la (gake va se ɖe ɣemaɣi la, nyemekpɔ de ʋɔtru agboawo nu haɖe o),+ 2 enumake Sanbalat kple Gesem dɔ ame ɖem gblɔ be: \"Va míaɖo ɣeyiɣi ado go le kɔƒe siwo le gbadzaƒe si le Ono Balia+ me la dometɔ ɖeka me.\" Ke ɖe woɖo tame be yewoawɔ nu vevim. 3 Eya ta medɔ ame ɖe wo be: \"Dɔ gã aɖe wɔm mele, eya ta nyemate ŋu ava o. Nu ka tae matɔ te dɔa, eye madzo le dɔa gbɔ ava mia gbɔ?\" 4 Wogaɖo du ɖem alea zi ene sɔŋ, eye metsɔ nya ma ke ɖo eŋu na wo. 5 Eye Sanbalat dɔ eƒe dɔla ɖem kple nya ma ke zi atɔ̃lia, eye agbalẽ aɖe si nu wometre o la le esi. 6 Ale woŋlɔ ɖe emee nye esi: \"Wosee le dukɔwo me, eye Gesem+ hã le gbɔgblɔm be, wò kple Yudatɔwo mieɖoe be yewoadze aglã.+ Esia tae nèle gli sia ɖom, eye le nya si gblɔm wole nu la, èdi be yeazu fia ɖe wo nu. 7 Èɖo nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã ne woaɖe gbeƒã le ŋuwò le Yerusalem blibo la katã be, 'Fia le Yuda si!' Azɔ wole nya siawo gblɔ ge na fia la. Eya ta va ne míade adaŋu.\" 8 Ke meɖo eŋu ɖo ɖee be: \"Nu siwo gblɔm nèle la dometɔ aɖeke mele eme o, ke boŋ wò ŋutɔe le wo kpam.\"* 9 Elabena wo katã wole didim be yewoado ŋɔdzi na mí hele gbɔgblɔm be: \"Woƒe asiwo ado agblɔ ale be womawɔ dɔa ade goe o.\"+ Eya ta mele gbe dom ɖa be nàdo ŋusẽ nye asiwo.+ 10 Eye meyi Semaya, Delaya vi, Mehetabel vi, si do ʋɔ ɖe eɖokui nu la, ƒe aƒe me. Eye wògblɔ be: \"Na míaɖo ɣeyiɣi ado go le Mawu vavã ƒe aƒe la me, le gbedoxɔa me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, elabena wogbɔna wu wò ge. Zã mee wogbɔna wu wò ge.\" 11 Ke megblɔ be: \"Ame abe nye ene nasia? Eye ame abe nye ene nayi gbedoxɔ me aganɔ agbea?+ Nyemele eme yi ge o!\" 12 Eya ta mekpɔe dze sii be menye Mawue dɔe o, ke boŋ egblɔ nya sia ɖi ɖe ŋunye le esi Tobiya kple Sanbalat+ dae ta. 13 Wodae be wòado vɔvɔ̃ nam ne mawɔ nu vɔ̃, ale be woakpɔ nya le ŋunye agblẽ nye ŋkɔ ahado vlom. 14 Oo nye Mawu, ɖo ŋku Tobiya+ kple Sanbalat dzi, le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuwɔna siawo nu, hekpe ɖe nyɔnunyagblɔɖila Noadiya kple nyagblɔɖila susɔe siwo le didim be yewoado vɔvɔ̃ nam la ŋuti. 15 Ale míewu gli la ɖoɖo nu le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve me, le Elul* ƒe ŋkeke blaeve vɔ atɔ̃lia dzi. 16 Esi míaƒe futɔwo katã see, eye dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la kpɔe ko la, ŋukpe lé wo vevie,*+ eye wodze sii be, mía Mawu la gbɔe wòtso be wowɔ dɔ sia. 17 Le ŋkeke mawo me la, Yuda bubumewo+ ŋlɔ agbalẽ geɖe ɖo ɖe Tobiya, eye Tobiya hã ŋlɔ agbalẽ geɖe tsɔ ɖo eŋu na wo. 18 Yudatɔ geɖewo de edzi, elabena Sekaniya, Arak+ vi, ƒe toyɔvie wònye, eye via Yehohanan hã ɖe Berekiya viŋutsu Mesulam+ ƒe vinyɔnu. 19 Azɔ hã, woƒoa nu nyui le eŋu le gbɔnye zi geɖe. Eye wotoa nya siwo katã megblɔna la nɛ. Eye Tobiya ɖoa agbalẽwo ɖa be yeatsɔ ado ŋɔdzi nam.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"le wo ɖom le dzi me.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wokpɔe be yewoda yewo ɖokui ɖe anyi ŋutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/nehemiya\/6\/","date":"2023-09-24T17:25:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506658.2\/warc\/CC-MAIN-20230924155422-20230924185422-00584.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994568229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994568228721619}","num_words":580,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Eya ta nye, ame si ŋutɔ hã nye hamemetsitsi, si nye Kristo la ƒe fukpekpewo ŋuti ɖasefo kple ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖe go+ la ƒe gomekpɔla, mele nu xlɔ̃m hamemetsitsi siwo le mia dome be: 2 Mikplɔ Mawu ƒe alẽha+ si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene,* menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume;+ menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o,+ ke boŋ kple dzi faa; 3 menye be miaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu tɔ la dzi o,+ ke boŋ be miazu kpɔɖeŋu na alẽha la.+ 4 Eye ne wova ɖe alẽkplɔla gã+ la fia la, ekema miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe dziɖuɖukuku magblemagblẽ la.+ 5 Nenema kee mi ɖekakpuiwo hã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te.*+ Ke mi katã mido ɖokuibɔbɔ le nuwɔwɔ kple mia nɔewo me, elabena Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.+ 6 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi,+ 7 esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi,+ elabena eléa be na mi.+ 8 Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ!+ Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.+ 9 Ke mitsi tsitre ɖe eŋu,+ minɔ te sesĩe le xɔse me, esi mienyae be mia nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom ta.+ 10 Ke ne miekpe fu ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, amenuvevewo katã ƒe Mawu, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe+ mavɔ la gbɔ le Kristo me la, ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke,+ ana miasẽ ŋu,+ ana mianɔ te sesĩe. 11 Eya tɔ nanye ŋusẽ yi mavɔmavɔ me. Amen. 12 Meŋlɔ nya ʋɛ siawo ɖo ɖe mi to Silvano,*+ ame si mekpɔ be enye nɔviŋutsu nuteƒewɔla la dzi, be made dzi ƒo na mi ahaɖi ɖase na mi vevie be, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ la. Milé eme ɖe asi sesĩe. 13 Nyɔnu* si le Babilon, si nye ame tiatia abe miawo ke ene la, do gbe na mi, vinye Marko+ hã do gbe na mi. 14 Mitsɔ nugbugbɔ si me lɔlɔ̃ le do gbe na mia nɔewo. Mawu ƒe ŋutifafa nanɔ kpli mi ame siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"mikpɔ alẽha la dzi nyuie.\"\n^ Alo, \"ɖe hamemetsitsiwo te.\"\n^ Wogayɔnɛ be Sila.\n^ Helagbe me ŋkɔteƒenɔnya si wozã le afi sia fia nyɔnu, eye anɔ eme be ele tsitre ɖi na hame si le Babilon.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-petro\/5\/","date":"2023-10-03T21:16:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511220.71\/warc\/CC-MAIN-20231003192425-20231003222425-00889.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990980625,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990980625152588}","num_words":415,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"33 Baba na wò ame si gblẽa nu, evɔ womegblẽ wò ya o,+Wò, ametatrɔla, evɔ wometrɔ wò ya tawò o! Ne ègblẽ nu vɔ la, woagblẽ wò hã.+ Ne ètrɔ ame ta vɔ la, woatrɔ wò hã tawò. 2 Oo Yehowa, ve mía nu.+ Wòe míele mɔ kpɔm na. Nye míaƒe alɔ*+ ŋdi sia ŋdiKple míaƒe xɔname le xaxaɣi.+ 3 Dukɔwo si le wò gbeɖeɖe nu. Ne ètso la, dukɔwo kana hlẽna.+ 4 Woaƒo miaƒe aboyonuwo nu ƒu abe ale si ʋetsuvi gblẽnuwo ƒoa zi ɖe nu ŋu bibibi ene;Amewo aƒo zi ɖe eŋu abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene. 5 Woado Yehowa ɖe dzi,Elabena enɔƒe le dziƒo boo. Atsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion fũu. 6 Enye gɔmeɖokpe na miaƒe ɣeyiɣiwo;Eya gbɔe miaƒe xɔname,+ nunya, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃+ ƒe agbɔsɔsɔ tso,—Esiae nye eƒe kesinɔnu. 7 Kpɔ ɖa! Woƒe kalẽtɔwo le ɣli dom le kpɔdomee;Ame siwo hea ŋutifafanya nyui vanɛ la le avi fam hehehe. 8 Mɔ gãwo dzi ɖi gbɔlo;Ame aɖeke megale mɔwo dzi tom o. Etu* nubabla la;Egbe nu le duawo gbɔ;Mebu amegbetɔ ɖe naneke me o.+ 9 Anyigba la le konyi fam, eye wòyrɔ. Ŋukpe lé Lebanon;+ enyunyɔ. Saron zu abe tagba ene,Eye Basan kple Karmel lũ xe.+ 10 Yehowa be: \"Matso azɔ,Mado kɔkɔ ɖokuinye azɔ;+Mado gã ɖokuinye azɔ. 11 Miefɔ gbe ƒuƒu ƒe fu, eye ahɔ̃litie miadzi. Miawo ŋutɔwo miaƒe gbɔgbɔ afiã mi abe dzo ene.+ 12 Dukɔwo anɔ abe akalo si womè ene. Woatɔ dzo wo abe ŋuve siwo wolã kɔ ɖi ene.+ 13 Mi ame siwo le didiƒe, mise nu si wɔ ge mala! Eye mi ame siwo le kpuiƒe, midze si nye kalẽwɔwɔ! 14 Dzidzi ƒo nu vɔ̃ wɔlawo le Zion;+Xɔsegbelawo dzo nyanyanya: 'Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ afi si dzo flafla le?+ Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ dzobibi si metsina o la gbɔ?' 15 Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me ɖaa,+Eye wògblɔa nya si le eteƒe,+Ame si gbea viɖe ƒoɖi si wokpɔ to ame tafatafa me,Ame si ƒe asiwo gbea zãnuxɔxɔ,+Ame si xea to be yemase ʋukɔkɔɖi ŋu nya o,Eye wòmiaa eƒe ŋkuwo be yemakpɔ nu baɖa o 16 —Anɔ kɔkɔƒewo;Eƒe mɔ́ sesẽ anɔ agakpe gãwo dzi.Woana eƒe aboloe,Eye eƒe tsi mavɔ akpɔ o.\"+ 17 Wò ŋkuwo akpɔ fia le eƒe atsyɔ̃ me;Woakpɔ anyigba aɖe le adzɔge ɖaa. 18 Àɖo ŋku ŋɔdzinu la dzi* le wò dzi me be: \"Afi kae agbalẽŋlɔla la le? Afi kae nudala si xɔa adzɔ la le?+ Afi kae ame si xlẽa xɔ tsralawo la le?\" 19 Màgakpɔ dukɔ mabuame aɖeke o,Dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye womate ŋu ase eme o,Si ƒe aɖe kukɔna, eye màte ŋu ase eƒe nyawo gɔme o.+ 20 Kpɔ Zion, du si me míeɖua míaƒe azãwo le la ɖa!+ Wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, si nye dziɖeɖinɔƒe,Agbadɔ si womakaka o.+ Womaho eƒe tsyotiwo akpɔ o,Eye womatso eƒe kawo dometɔ aɖeke o. 21 Ke boŋ Yehowa, Bubutɔ Gã la,Anye tɔsisiwo kple tɔʋu gãwo na mí le afi ma.Tɔdziʋu siwo wokuna kple atabluwo mato edzi o,Eye tɔdziʋu gã aɖeke mazɔ edzi o. 22 Elabena Yehowae nye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la,+Yehowae nye míaƒe Senala,+Yehowae nye míaƒe Fia;+Eyae aɖe mí.+ 23 Wò kawo me ado agblɔ;Womate ŋu alé wò abalati ɖe te o; eye womahe abala me o. Ɣemaɣi la, woama aboyonu geɖe;Bunɔwo ke hã aha nu gbogbo aɖe.+ 24 Dua me tɔ* aɖeke magblɔ be, \"Mele dɔ lém\" o.+ Woatsɔ ame siwo le anyigba la dzi ƒe vodada ake wo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ŋusẽ.\"\n^ Efia, futɔ la.\n^ Alo, \"Àde ŋugble le ŋɔdzinu la ŋu.\"\n^ Alo, \"Dua me nɔla.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/33\/","date":"2023-09-21T11:49:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506027.39\/warc\/CC-MAIN-20230921105806-20230921135806-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986261129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986261129379272}","num_words":562,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me\nNu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?\nNyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.\n1. Aleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee?\nEsi Satana da alakpa gbãtɔ ye vɔ̃ɖinyenye dze egɔme le anyigba dzi. Satana menye ame vɔ̃ɖi esi Mawu wɔe o. Enye mawudɔla deblibo hafi, gake \"meli ke ɖe nyateƒe la me o.\" (Yohanes 8:44) Edi be woatsɔ tadedeagu si Mawu ɖeɖe ko dze na la ana ye. Satana ble nyɔnu gbãtɔ, Xawa, wòɖo toe le esi teƒe be wòaɖo to Mawu. Adam wɔ ɖeka kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu. Adam ƒe nuwɔna sia he fukpekpe kple ku vae.—Xlẽ 1 Mose 3:1-6, 17-19.\nSatana nɔ tsitre tsim ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu esi wògblɔ na Xawa be megaɖo to Mawu o. Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple Satana, eye wogbe be Mawu naganye yewoƒe Dziɖula o. Le esia ta Satana va zu \"xexea dzi ɖula.\"—Xlẽ Yohanes 14:30; Nyaɖeɖefia 12:9.\n2. Ðe kpɔtsɔtsɔ nɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋua?\nŊutete nɔ amegbetɔ kple mawudɔla siwo Mawu wɔ la ŋu be woawɔ eƒe nudidiwo dzi bliboe. (5 Mose 32:5) Mawu na ablɔɖe mí be míatiae nenye be míawɔ nyui alo vɔ̃. Ablɔɖe sia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu.—Xlẽ Yakobo 1:13-15; 1 Yohanes 5:3.\n3. Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?\nYehowa ɖe mɔ ɖe aglãdzedze ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. Nu ka tae? Be wòaɖee afia be dziɖuɖu si me Mawu ƒe asi mele o la maɖe vi na amewo o. (Yeremiya 10:23) Nu siwo dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ƒe 6,000 ye nye esia la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu ɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple dɔléle ɖa o.—Xlẽ Nyagblɔla 7:29; 8:9; Romatɔwo 9:17.\nGake eme nyona na ame siwo lɔ̃ be Mawu nanye yewoƒe Dziɖula. (Yesaya 48:17, 18) Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa. Ame siwo abɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la koe anɔ anyigba dzi.—Yesaya 2:3, 4; 11:9; xlẽ Daniel 2:44.\n4. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si le Mawu ƒe dzigbɔɖi ta?\nSatana gblɔ be amegbetɔwo maɖo to Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe o. Mawu ƒe dzigbɔɖia na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia nenye be míedi Mawu ƒe dziɖuɖu loo alo amegbetɔwo tɔ? Ale si míenɔa agbee ye aɖe ame si dzi míede la afia.—Xlẽ Hiob 1:8-11; Lododowo 27:11.\n5. Aleke míatiae be Mawu nanye míaƒe Dziɖula?\nMíeɖenɛ fiana be míedi be Mawu nanye míaƒe dziɖula ne míedi mɔ nyuitɔ si nu wòle be míasubɔe le le eƒe nya Biblia me, eye míenɔa agbe ɖe enu. (Yohanes 4:23) Azɔ hã, míaƒo asa na dunyahehe kple aʋawɔwɔ, abe ale si Yesu wɔe ene.—Xlẽ Yohanes 17:14.\nSatana zãa eƒe ŋusẽa tsɔ doa agbe gbegblẽ nɔnɔ kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu ɖe ŋgɔ. Ne míeƒo asa na nuwɔna mawo la, ɖewohĩ mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo aɖu fewu le mía ŋu alo woatsi tsitre ɖe mía ŋu. (1 Petro 4:3, 4) Eya ta ekpo ɖe mía gbɔ. Ðe míade ha kple ame siwo lɔ̃ Mawua? Ðe míaɖo to eƒe se siwo me nunya kple lɔlɔ̃ le la? Ne míewɔ esiawo la, míaɖee afia be Satana ka aʋatso esi wògblɔ be ame aɖeke maɖo to Mawu o.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 6:9, 10; 15:33.\nKpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 11 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.\n[Nɔnɔmetata si le axa 16]\nAdam wɔ nyametsotso gbegblẽ\n[Nɔnɔmetata si le axa 17]\nMíaƒe nuwɔnawoe aɖee afia nenye be míedi be Mawu nanye míaƒe Dziɖula","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Nu-Ka-Tae-Mawu-%C3%90e-M%C9%94-V%C9%94%CC%83%C9%96inyenye-Kple-Fukpekpe-Li-%C3%90o\/","date":"2023-12-05T17:47:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100555.27\/warc\/CC-MAIN-20231205172745-20231205202745-00471.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963487387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963487386703491}","num_words":597,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ\nKu Ðe Ƒomegbenɔnɔ Ŋu\nSrɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu kae naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ?\nSrɔ̃ɖeɖe nye kadodo si le kɔkɔe le Mawu ŋkume. Esi wobia Yesu be esɔ be ame nagbe srɔ̃a hã la, eɖo eŋu be: \"Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, 'Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka' oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o. . . . Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.\" (Mateo 19:4-6, 9) Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi hewɔ nuteƒe na wo nɔewo la, ƒomea me tɔwo katã kpɔa dzidzɔ eye wosena le wo ɖokui me be yewole dedie.\nNu ka tae lɔlɔ̃ na Mawu naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ?\nYesu gblɔ be: \"'Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.' Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.\" Ke ekae nye evelia? Yesu gblɔ be: \"Ele be nàlɔ̃ hawòvi [wò ƒomea, si me tɔwo nye ame siwo te ɖe ŋuwò kplikplikpli wu la hã] abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\" (Mateo 22:37-39) Eya ta nu vevi si naa ƒomewo kpɔa dzidzɔe nye ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu le esi lɔlɔ̃ na eyama ʋãa mí be míalɔ̃ mía haviwo hã ta.\nAlekee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ado dzidzɔ na wo nɔewo?\nSrɔ̃ŋutsuwo ana wo srɔ̃wo nakpɔ dzidzɔ ne wosrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Eɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia hamea, si nye srɔ̃a le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Efesotɔwo 5:25) Yesu gblɔ be: \"Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ.\" (Mateo 20:28) Yesu ƒe nya me mesẽ eye wòɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nɔ eƒe kpɔkplɔ te la dzi o, ke boŋ ena woƒe dzi dze eme. (Mateo 11:28) Eya ta ele be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ woƒe tanyenyea ŋu dɔ le mɔ si aɖe vi na ƒomea me tɔwo katã nu.\nSrɔ̃nyɔnuwo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ. Biblia gblɔ be 'Kristo la ƒe tae nye Mawu.' Egblɔ hã be 'nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.' (1 Korintotɔwo 11:3) Yesu mebui be enye gbɔɖiame na ye be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe Mawu te o. Edea bubu deto Fofoa ŋu. Yesu gblɔ be: \"Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.\" (Yohanes 8:29) Srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te le esi wòlɔ̃ Mawu hedea bubu eŋu ta la wɔa akpa vevi aɖe le nana be woƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ me.\nNu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu bua ɖeviwoe me?\nYesu zãa eƒe ɣeyiɣi ɖe ɖeviwo ŋu eye wòtsɔa ɖe le woƒe nukpɔsusuwo kple seselelãmewo me. Biblia gblɔ be: \"Yesu yɔ ɖevi sueawo va eɖokui gbɔ gblɔ be: 'Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye.'\" (Luka 18:15, 16) Ɣeaɖeɣi la, amewo he nya ɖe ŋutsuvi sue aɖewo siwo ɖe Yesu dzi xɔxɔ se gblɔ la ŋu. Gake Yesu kafu ŋutsuviawo hegblɔ na ame siwo nɔ nya hem ɖe wo ŋu la be: \"Ðe miexlẽ nya sia kpɔ be, 'Vidzĩwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo' oa?\"—Mateo 21:15, 16.\nNu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?\nYesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na ɖeviwo le ale si woatsɔ ɖe le Mawu subɔsubɔ mee gome. Esime wòxɔ ƒe 12 la, wokpɔe \"le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialawo dome, eye wònɔ to ɖom wo henɔ nyawo biam wo.\" Dɔ kae esia wɔ ɖe amewo dzi? \"Eƒe nugɔmesese kple eƒe nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na ame siwo katã nɔ to ɖomee la.\" (Luka 2:42, 46, 47) Ke hã, Yesu ƒe nunya mena wòdo eɖokui ɖe dzi o. Ke boŋ ena wòdea bubu edzilawo ŋu. Biblia gblɔ be: \"[Eyi] edzi bɔbɔ eɖokui na wo.\"—Luka 2:51.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091101\/Ku-%C3%90e-%C6%91omegben%C9%94n%C9%94-%C5%8Au\/","date":"2023-12-02T02:21:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100309.57\/warc\/CC-MAIN-20231202010506-20231202040506-00879.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983318448,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983318448066711}","num_words":643,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la; ɖe \"Mègagblẽ Nu O\" ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.* 58 Ðe miate ŋu aƒo nu tso dzɔdzɔenyenye ŋu ne miezi ɖoɖoea?+ Mi amegbetɔviwo, ɖe miate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔea?+ 2 Nu madzɔmadzɔ boŋ mieɖona le miaƒe dziwo me,+Eye miaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnuwo le anyigba la dzi!+ 3 Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ* tso wo dziɣi* ke;Wodze aglã henye alakpatɔwo tso wo dziɣi ke. 4 Woƒe numenyawo le abe da ƒe aɖi ene;+Woƒe to ku abe ƒli si xe nu tome ene. 5 Mesea gbesalawo ƒe gbe o,Aleke kee gbesalawo ɖabi ɖe gbesasa me o. 6 Oo Mawu, ŋe aɖu le nu me na wo! Oo Yehowa, ŋe glãƒu na dzata* siawo! 7 Wo nu neyi abe tɔsisi si mie ene. Nevu eƒe da me eye eƒe aŋutrɔwo naté wo woadze anyi. 8 Wonenɔ abe abɔbɔ si le nyinyim le yiyim la ene;Abe vi si ku hafi wodzi si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene. 9 Hafi miaƒe zewo nase ŋùti si wotsɔ do dzoe ɖe wo te ƒe dzoxɔxɔ ŋkɔ la,Mawu akplɔ ŋùti mumua kple esi le bibim la siaa adzoe abe ahom ye lɔ wo ɖe nu ene.+ 10 Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ekpɔ hlɔ̃biabia teƒe;+Aklɔ eƒe afɔwo ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.+ 11 Ekema amewo agblɔ be: \"Nyateƒee, teƒeɖoɖo li na ame dzɔdzɔe.+ Nyateƒee, Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu le anyigba dzi.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"gblẽ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tso keke vidzidɔ me.\"\n^ Alo, \"dzatatsui.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/58\/","date":"2023-12-01T04:08:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100264.9\/warc\/CC-MAIN-20231201021234-20231201051234-00413.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968572259,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996857225894928}","num_words":231,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Gideon ƑOE Wɔ Bibliamemewo ƒe agbalẽvi sia si ku ɖe Gideon, si nye Israel-vi ɖokuibɔbɔla aɖe si va zu aʋakalẽtɔ aɖe la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Miryam Haƒonu ka Miryam zã? Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso eŋu. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Gideon BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Gideon Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Gideon Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/cms-imgp.jw-cdn.org\/img\/p\/502015218\/univ\/art\/502015218_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/gideon\/","date":"2023-12-09T19:15:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100942.92\/warc\/CC-MAIN-20231209170619-20231209200619-00713.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981874228,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981874227523804}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.154,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mègatɔ O, Yi Edzi!\"\nLE Nezlobnaya, Russia, la, sekɛndrisukuvi aɖewo siwo srɔ̃a nu tso amewo ƒe agbalẽ vovovowo ŋu la nɔ Mikhail Bulgakov, si nye Russiatɔ agbalẽŋlɔla aɖe, ƒe agbalẽwo srɔ̃m. Ŋutinyagbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yesu Kristo ŋu gbɔɖiametɔe heɖɔ Satana be enye kalẽtɔ la nɔ agbalẽ siawo dome. Esi sukuviawo wu numedzodzroa nu la, nufialaa ɖo nuŋɔŋlɔ dodokpɔ aɖe na wo tso agbalẽ sia me. Gake sukuviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Andrey, si xɔ ƒe 16, eye wònye Yehowa Ðasefo, bia nufialaa bubutɔe be wòaɖe ye le dodokpɔ sia me, elabena yeƒe dzitsinya meɖe mɔ na ye be yeasrɔ̃ agbalẽ sia tɔgbe o. Ebia be wòaɖe mɔ na ye yeaŋlɔ ŋutinya aɖe si me yeagblɔ yeƒe nukpɔsusu tso Yesu Kristo ŋu le. Nufialaa lɔ̃ ɖe edzi nɛ.\nLe Andrey ƒe nuŋɔŋlɔa me la, eɖe nu me be togbɔ be yedea bubu ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu hã, yekpɔe be mɔ nyuitɔ si dzi woato asrɔ̃ nu tso Yesu ŋu enye be woaxlẽ Nyanyuigbalẽ eneawo dometɔ ɖeka. Egblɔ be \"ewɔwɔ alea ana be woasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo ŋu, le eteƒekpɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo me.\" Andrey yi edzi be: \"Nu bubu si ɖe fu nam ye nye alesi woɖɔ Satanae. Ado dzidzɔ na ame aɖewo ya be woaxlẽ agbalẽ si ƒo nu tso Satana ŋu be enye kalẽtɔ, gake menye nye o.\" Eɖe nu me be le nyateƒe me la, Satana nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi ŋusẽtɔ aɖe, amesi dze aglã ɖe Mawu ŋu, he vɔ̃ɖinyenye, dɔléle, kple fukpekpe va ameƒomea dzii. Andrey wu eƒe nuŋɔŋlɔa nu be: \"Nyemebu be ŋutinyagbalẽ sia xexlẽ aɖe vi nam o. Ele eme be susu vɔ̃ aɖeke mele asinye ɖe Bulgakov ŋu o ya. Gake nye ya madi be maxlẽ Yesu Kristo ŋuti nyateƒenyawo tso Biblia boŋ me.\"\nAndrey ƒe nuŋɔŋlɔa dzɔ dzi na eƒe nufiala ale gbegbe be wògblɔ nɛ be wòaŋlɔ nu tso Yesu Kristo ŋu ava xlẽ na etɔwo. Andrey lɔ̃ kple dzidzɔ. Esi nusɔsrɔ̃ ma gaɖo edzi ɣebubuɣi la, Andrey xlẽ nusi wòŋlɔ la na klass bliboa. Eɖe nusita wòbu be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ me. Emegbe exlẽ nu tso Yesu ƒe ku ŋu le Biblia-gbalẽ si nye Mateo ƒe tawo dometɔ ɖeka me. Esi ɣeyiɣi si wona Andrey be wòatsɔ axlẽ nya si wòŋlɔ la de eye wòdi be yeaƒo yeƒe nyawo ta la, ehatiawo gblɔ nɛ be: \"Mègatɔ o, yi edzi! Nukae gava dzɔ?\" Eyata eyi nuxexlẽa dzi le Mateo ƒe agbalẽa me, eye wòxlẽ nu tso Yesu ƒe tsitretsitsi hã ŋu.\nEsi Andrey wu nuxexlẽa nu la, ehatiawo bia nya geɖewoe tso Yesu kple Yehowa ŋu. Andrey gblɔ be: \"Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana nunyam, eye eɖo eŋu nam. Mete ŋu ɖo nya siwo katã wobiam ŋu na wo!\" Esi wokpã la, Andrey tsɔ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ * na eƒe nufialaa, eye wòxɔe kple dzidzɔ. Andrey gblɔ be: \"Ena dzesi kɔkɔm ɖe nye nuŋɔŋlɔa ta hekafum be dzixɔse siawo le asinye eye be womekpe ŋu nam o. Egblɔ hã be yelɔ̃ ɖe nye dzixɔseawo dometɔ aɖewo dzi.\"\nDzi dzɔ Andrey be yete ŋu tso nya me hewɔ ɖe yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiame dzi, be yemexlẽ agbalẽ si do vlo Yehowa kple Via, Yesu Kristo, o. Nyametsotso alea kpe ɖe eŋu wòƒo asa na nufiafia siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu heʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe hã nɛ wògblɔ Biblia me nyateƒe veviwo na ame bubuwo.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060301\/M%C3%A8gat%C9%94-O-Yi-Edzi\/","date":"2023-12-10T19:49:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102637.84\/warc\/CC-MAIN-20231210190744-20231210220744-00585.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983633757,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983633756637573}","num_words":583,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. Nehilot.* David ƒe ha. 5 Oo Yehowa, ƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu;+Lé to ɖe nye hũɖeɖewo ŋu. 2 Se nye ɣlidodowo,Oo, nye Fia kple nye Mawu, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. 3 Oo Yehowa, àse nye gbe le ŋdi;+Magblɔ nye dzimenyawo na wò le ŋdi,+ eye manɔ asiwò nu kpɔm. 4 Elabena menye Mawu si kpɔa dzidzɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue nènye o;+Ame vɔ̃ɖi aɖeke manɔ gbɔwò o.+ 5 Dadala aɖeke manɔ te ɖe ŋkuwòme o. Èlé fu nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã;+ 6 Àtsrɔ̃ ame siwo daa alakpa.+ Yehowa tsri ŋutasẽlawo* kple ameblelawo.+ 7 Ke nye ya, mava aƒewò me+ le wò lɔlɔ̃ gã si nu metsina o la ta;+Matrɔ ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋu ade ta agu na wò le mawuvɔvɔ̃ me.+ 8 Oo Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye futɔwo ta;Na wò mɔ dzi nakɔ nam.+ 9 Elabena womate ŋu aka ɖe woƒe numenya aɖeke dzi o;Vɔɖivɔ̃ɖi yɔ wo me fũu;Woƒe vehlo le abe yɔdo si le nuvo ene;Wotsɔa woƒe aɖe vivia nu me.*+ 10 Eya ta Mawu abu fɔ wo;Woawo ŋutɔwo ƒe ayemɔwo axlã wo ɖe anyi.+ Na woanya wo ɖa le woƒe dzidada gbogboawo ta,Elabena wodze aglã ɖe ŋuwò. 11 Ke ame siwo katã si wò tso la akpɔ dzidzɔ;+Woanɔ aseyetsotso dzi ɖaa. Àtɔ kpɔ ɖe wo ŋu godoo,Ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la atso aseye ɖe ŋuwò. 12 Elabena Yehowa, àyra ame dzɔdzɔe;Wò ŋudzedzekpɔkpɔ anɔ abe akpoxɔnu gã aɖe ene le wo ŋu.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ame siwo kɔa ʋu ɖi.\"\n^ Alo, \"Aɖe ŋɔnɔe le nu me na wo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/5\/","date":"2023-12-01T12:50:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100287.49\/warc\/CC-MAIN-20231201120231-20231201150231-00857.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983305335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983305335044861}","num_words":251,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nNu ka tae wogblɔa \"amen\" le gbedodoɖa ƒe nuwuwu?\nNya \"amen\" nye Hebrigbe me nya 'a·menʹ si woŋlɔ ɖe ale si wòɖina le Hebrigbe me nu. Nya sia si amewo tsɔa nu sɔsɔe gblɔna ɖekae, zi geɖe le gbedodoɖa, atamkaka, yayranyawo, alo fiƒodenyawo ƒe nuwuwu la fia \"neva eme,\" alo \"nenɔ alea.\" Egbɔgblɔ alea fia be esela da asi ɖe nya siwo wogblɔ la dzi. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, \"nya sia gbɔgblɔ ɖea kakaɖedzi, nyateƒetɔnyenye, nuteƒewɔwɔ, kple ɖimakemake fiana.\" Le Biblia ŋlɔɣiwo la, amewo zãa \"amen\" tsɔ lɔ̃na ɖe atamkakawo alo nubablawo dzi le se nu, eye wòganyea kpeɖodzi be amea lɔ̃ ɖe tohehe si ado tso eme nenye be eda le edzi la dzi.—5 Mose 27:15-26.\nLe Yesu ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiawo me la, edzea eƒe nyagbɔgblɔ aɖewo gɔme kple nya sia si nye \"amen.\" Etoa esia dzi tea gbe ɖe kakaɖedzi blibo si le nya siwo gblɔ ge wòala akplɔe ɖo ŋu la dzi. Le go siawo me la, woɖea Helagbe me nya a·menʹ la gɔme be \"vavã\" alo \"nyateƒe.\" (Mateo 5:18; 6:2, 5; Agbenya La) Ne Yesu zã nya sia zi eve ɖe wo nɔewo yome abe ale si wòdze enuenu le Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽ bliboa mee ene la, woɖea egɔme be \"vavã, vavã.\" (Yohanes 1:51) Wogblɔ be ale si Yesu zãa amen alea la nye esi le etɔxɛ kura le agbalẽ kɔkɔewo ŋɔŋlɔ me.\nLe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozã dzesideŋkɔ si nye \"Amen\" na Yesu tsɔ ɖee fia be eƒe ɖaseɖiɖi nye 'nyateƒe kple anukware.'—Nyaɖeɖefia 3:14.\nNu kawoe nye Urim kple Tumim?\nEdze abe Urim kple Tumim ye wozãna le blema Israel tsɔ nyaa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nya siwo ka dukɔa alo dukɔa kplɔlawo ŋu ene. Wotsɔa Urim kple Tumim siawo naa nunɔlagã eye wotsɔa wo dea \"ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe akɔtaɖonu\" la me. (2 Mose 28:15, 16, 30, NW) Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso nu siawo ŋu tsitotsito alo ƒo nu tso ale si tututu wozãa woe ŋu o hã la, wozãa wo tsɔ dzidzea nu tsɔ nyana ne Mawu ƒe ŋuɖoɖo le nya aɖe ŋu nye \"ɛ̃\" alo \"ao,\" alo ne ŋuɖoɖo aɖeke kura matso egbɔ o.\nEsia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esime David na Abyatar tsɔ nu si anya nye nunɔlagã la ƒe kɔmewu si me Urim kple Tumim nɔ la vae nɛ. David bia nya eve aɖewo Yehowa be: 'Ðe Saul le vava gea,' eye be, \"Ðe Kegilatɔwo atsɔm ade asi nɛa?\" Biabia eve siawo ƒe ŋuɖoɖo si David xɔ lae nye ɛ̃, si kpe ɖe eŋu wòwɔ nyametsotso siwo sɔ.—1 Samuel 23:6-12.\nDo ŋgɔ la, Fia Saul zã Urim kple Tumim tsɔ ku nu me be yeanya ne dukɔ lae ɖi fɔ loo alo ye kple ye viŋutsu Yonatan ye hã; eye emegbe, be yeanya be ye kple ye via dometɔ kae ɖi fɔa hã. (1 Samuel 14:40-42) Emegbe esi Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe Saul ŋu o la, Mawu meganaa mɔfiamewoe \"le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.\"—1 Samuel 28:6.\nLe Yudatɔwo ƒe xotutuwo nu la, wova dzudzɔ Urim kple Tumim zazã le esime wotsrɔ̃ Yehowa ƒe gbedoxɔa le ƒe 607 D.M.Ŋ. me megbe.\n[Nɔnɔmetata si le axa 27]\n\"Amen,\" Nyaɖeɖefia 3:14. Codex Alexandrinus, ƒe alafa 5 lia M.Ŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090601\/%C3%88nyaa\/","date":"2023-12-08T13:02:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100745.32\/warc\/CC-MAIN-20231208112926-20231208142926-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986823797,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986823797225952}","num_words":524,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Va Míyi Afrika Si Me\nMƆ NYUITƆ siwo dzi nàte ŋu ato anya nu tso dukɔ aɖe ƒe dekɔnu, agbenɔnɔ, kple nuɖuɖuwo ŋu dometɔ ɖekae nye be nàɖi tsa ayi woƒe asi aɖe me. Ne èyi asia me la, àdo go dua me tɔwo, aɖɔ woƒe nuɖuɖuwo kpɔ ahaƒle nu siwo wodzrana. Àkpɔ nudzrala hamehame siwo adi vevie be yewoaƒo nu kpli wò, eɖanye gbe ka kee nèdona o.\nAsesẽ be nàkpɔ asi bubu siwo ɖina abe Afrika tɔwo ene. Amewo sɔa gbɔ ɖe asi mawo me kpaŋkpaŋ, eye wodzraa nu hamehamewo. Àte ŋu akpɔ ale si Afrikatɔwo wɔa nu le afi ma. Na míaɖi tsa ayi asi siawo dometɔ ɖeka me le Douala si le Cameroon.\nAle Si Afrikatɔwo Wɔna Yia Asi Me\nLe Afrika dugã geɖewo me la, mɔnu si mexɔ asi o, si dzi amewo tona ɖoa asi me kaba wue nye be woaɖo dzokeke. Dzokekedolawo le ablɔ ɖe sia ɖe kloe ƒe dzogoe dzi hele ame dim be yewoakɔ. Eye ne dzi le ƒowò la, àte ŋu ana wo dometɔ ɖeka nakɔ wò. Le Cameroon la, mɔnu siae amewo lɔ̃na wu, elabena mexɔ asi o, eye wòtsɔna wu.\nLe ame siwo ƒo dzi menɔna o gome la, taksiwo hã bɔ woate ŋu akpɔ aɖo. Ame geɖewo mimia wo ɖokui ɖe ʋu ɖeka me hemaa ga la xena.\nNudzrakplɔ̃ Alafa Geɖewo\nNe èyi asia me zi gbãtɔ la, ɖewohĩ ale si amewo kple nudzrakplɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe mɔwo to taŋtaŋ la awɔ nuku na wò ŋutɔ. Àkpɔ ame gbogbo aɖewo, siwo dometɔ aɖewo nye ɖeviwo la, dro nudzadzrawo ɖe ta le tsa ɖim. Ne èlé ŋku ɖe woƒe nudzadzraawo ŋu nyuie la, àkpɔe be wo dometɔ aɖewo nye koklo gbagbewo, aŋuti kpakpawo, atike hamehamewo, kple nu bubu geɖewo.\nWotsɔ nuɖanu siwo dometɔ aɖewoe nye cabbage (choux), karɔt, aŋanyi, agbitsa, squash (courge), ayi, anagote, timati, te, kple salad-gbe vovovowo ɖo asi ɖe nudzrakplɔ̃ alafa geɖewo dzi gleglegle. Tsaɖila siwo tso yevuwo de la makpɔ nu siawo dometɔ aɖewo adze sii o, elabena Afrika koe wo dometɔ aɖewo le. Ðewohĩ kplɔ̃ siwo ɖea dzesi wue nye esiwo dzi atadi dzĩ kple aŋutiɖiɖi, siwo nɔa dzo dam ne ɣe klẽ ɖe wo dzi le ŋdi me, le esi wogbe wo eteƒe medidi o ta la le. Àte ŋuakpɔ peya, akɔɖu, gbo, adzamatre, atɔtɔ, aŋuti, kple dɔŋuti hã le kplɔ̃wo dzi. Nu siawo dzroa ame ŋutɔ, eye ale si womexɔ asi o hã ana nàdi be yeaƒle wo! Te, agbeli, kple mɔli, siwo koŋ amewo lɔ̃a ɖuɖu le teƒe ma, hã le asia me kpaŋkpaŋ tsɔ kpe ɖe sabala kple ayo siwo wodɔna tso duta la ŋu.\nLe Douala ƒe asi aɖe me la, nudzralawo dometɔ geɖe nye Hausawo kple Fulaniwo. Nudzrala siawo ɖe dzesi le woƒe awu tɔxɛ legbe siwo nɔa blɔ, ɣi, alo aŋutiɖiɖi, siwo woyɔna be gandoura alo boubou, kple ale si wodoa gbe na ame xɔlɔ̃wɔwɔtɔe le wo degbe Fulfulde me la ta. Amewo ɖea dzi ɖi le asia me. Esi míeɖi tsa yi asia me la, nudzralawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Ibrahim, tia sabala lolo etɔ̃ hetsɔ nam be maxɔe femaxee. Egblɔ be: \"Gblɔ na srɔ̃wò be wòatsɔ mɔli kple nuɖuɖuvivinuwo atsakae ahaɖa.\"\nNe eyi ŋgɔgbe vie la, àkpɔ lã siwo dometɔ akpa gãtɔ nye nyilã kple gbɔ̃lã la le nudzrakplɔ̃wo dzi. Ŋutsu sesẽwo kɔa lã siwo wowu la ɖe abɔta heva dana ɖe kplɔ̃awo dzi. Lãdzrala siwo lé woƒe hɛ legbewo ɖe asi, eye woƒe alɔnu dzɔna ŋutɔ la, nɔ nuƒlelawo yɔm be woava tia lã siwo wofli da ɖi la dometɔ siwo dze wo ŋu. Eye gbɔ̃, koklo, kple ha gbagbewo hã le afi ma, ale be ame siwo dina be yewo ŋutɔwo yewoawu lã le aƒe me la ate ŋu akpɔ aƒle.\nVa Míyi Nuɖuƒe\nÀkpɔ nuɖuƒewo le Afrika siwo me godoo. Le Cameroon la, woyɔa nuɖuƒe siwo nɔa asiwo me be chophouse. Wonɔa ha ƒom lélélé le nuɖuƒe siawo dometɔ aɖewo bene woatsɔ ahe amewo ƒe susu, gake àte ŋu akpɔ nuɖuƒe bubu siwo tomefafa le, eye àte ŋu aƒle nuɖuɖu le afi ma ahado go dua me tɔwo hã. Ðewohĩ àkpɔ be woŋlɔ nuɖuɖuawo ƒe ŋkɔ ɖe ʋuƒo yibɔ aɖe dzi, eye ame sia ame si menya nu tso afi ma tɔwo ƒe nuɖuɖuwo ŋu o la ate ŋu abia woaɖe eme nɛ.\nNuɖuɖu vevi siwo nàkpɔ le afi ma la dometɔ evee nye mɔli kple fufu; wotea ŋu tsɔa agbeli, abladzo, alo te toa fufu siawoe. Àkpɔ tɔmelã, nyilã, kple koklolã yiyi siwo wotsɔ ƒoa fetridetsi, azidetsi, kple agbamedetsii. Amewo metsia dzi le nuɖuƒe siawo kura o, eye mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò nàɖo dze kpli wo.\nKplɔ̃ŋusubɔla eve zɔ va be yewoakpɔ mía gbɔ. Wo dometɔ ɖeka tsɔ nuɖugba gbadzɛ siwo me mɔli, ayi, kple fufu siwo le dzudzɔ tum lilili le la, ɖe agba gbadzɛ dzi vae. Fetridetsi kple tsitsinga siwo wotsɔ ʋulã alo tɔmelã mè hã le eme. Wotsɔa agba sue aɖe si me tadi dzĩ nɔna kpena ɖe eŋu na ame siwo lɔ̃a tadiɖuɖu. Kplɔ̃ŋusubɔla evelia tsɔ papahũ sue aɖe kple asiklɔgba si me tsi le ɖe asi vae bene míaklɔ asi. Esia le vevie, elabena asi koŋue wotsɔna ɖua nu le Afrika. Ebɔ be nàkpɔ nuƒlela aɖe wòanɔ gbe dom ɖa ɖe eƒe nuɖuɖu ta, eye ne edo gbe ɖa vɔ heɖe \"Amen\" la, ame siwo le kplɔ̃ bubu siwo le afi ma ŋu la hã xɔa edzi gblɔna be \"Amen.\"\nNya Nyuia Gbɔgblɔ Le Asi Me\nTso keke gbe aɖe gbe ke la, asi ɖea vi na amewo le dukɔ geɖe me. Wonye teƒe siwo sɔ nyuie na nuƒeƒle, nudzadzra, nya nyui gbɔgblɔ, gododo xɔlɔ̃wo, kple dɔdidi gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be Yesu yi asiwo me, eye wòfia nu tso Mawu ŋu heda dɔ na amewo le afi ma. Apostolo Paulo hã 'dzroa nu me kple ame siwo wòkpɔna le asi me la gbe sia gbe.' (Dɔwɔwɔwo 17:16, 17; Marko 6:56) Nenema kee egbea la, Yehowa Ðasefo siwo le Cameroon kpɔe be asiwo me nye teƒe siwo sɔ nyuie na gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.—g10-E 01.\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nAtadi siwo le amadede vovovowo me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201001\/Va-M%C3%ADyi-Afrika-Si-Me\/","date":"2023-12-10T23:23:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102697.89\/warc\/CC-MAIN-20231210221943-20231211011943-00865.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986560941,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986560940742493}","num_words":1011,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Logoti Kple Aɖa\nLogoti gblɔ na Aɖa gbe ɖeka be:\n\"Tɔwò dzɔ be nàbu dzɔdzɔme;\nNe atsutsrɔe sue aɖe dze ɖe dziwò la, agba bliboe.\nYa suetɔ kekeake si ƒo miɔɔ\nHena tsi ƒe ŋkume zrɔ̃ gɔ̃ hã,\nZia dziwò nèbia kɔ ɖe anyi,\nEvɔ nye ya nye ŋgonu sesẽ kplala sia,\nXea mɔ na ɣe ƒe keklẽ,\nKura gɔ̃ hã dzi le eƒo wòkpea akɔ kple ahom.\nNu sia nu nye Dzieheya ʋuduʋudu na wò, evɔ nu sia nu nye Ɣetoɖoƒeya fafɛ na nye ya.\nKe hã ne ɖe wodzi wò le ati siwo dzi\nNye vɔvɔli tsyɔna ƒe bebeƒe la,\nAnye ne màkpe fu nenema gbegbe o:\nMakpɔ tawò tso ahom la si me;\nGake nublanuitɔe la, ya ʋuduʋuduwo\nƑe liƒowo dzie wodzi wò ɖo.\nNye ya mekpɔe be dzɔdzɔme mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie kura o.\nAɖa la ɖo eŋu be: \"Meda akpe ɖe wò veveseɖeamenu la\nŊuti ale gbegbe; gake dzimaɖeɖi sia nenɔ akpa gbɔ.\nYaƒoƒoawo menyea ŋɔdzi na nye ya wu wò o.\nMebia kɔ ɖe anyi, gake nyemeŋena o.\nMekpɔe be va se ɖe fifia\nÈnɔ te ɖe yaƒoƒowo mawo nu\nMebi kɔ ɖe anyi zi ɖeka pɛ hã kpɔ o;\nGake na míalala va ɖo nuwuwua.\"\nEsi wònɔ nya siawo gblɔm la,\nYa ʋuduʋudu aɖe ƒo dzikutɔe tso dziehe\nYa dzi ŋɔ sia nu sẽ ale gbegbe,\nEsiae nye dzieheya vɔ̃ɖitɔ si ƒo le nuto ma me kpɔ.\nLogoti la galé ɖi sesĩe hetɔ afɔ to sesĩe ; Aɖa gabi kɔ ɖe anyi.\nYa la gaƒo sesĩe kple ŋusẽ teƒe eve wu tsãtɔ.\nEye ahom la nu sẽ ale gbegbe be eho logoti,\nEho logoti si ƒe ɖɔme yi ɖatɔ keke dziƒo ke,\nEye eƒe kewo de keke kukuawo de ke la kple ke wòmu gbloo.\nAle aɖa gblɔ be: \"'Akpe na Mawu.' Mía tɔ nyo wu. Míebia kɔ ɖe anyi gake míehona kple ke o.\"\nNufiame: Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ. Tsri dada, ameɖokuikpɔkpɔ kple ame nɔvi makpɔmakpɔ ɖe ɖeke me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/logoti-kple-a%C9%96a\/","date":"2024-03-05T13:29:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983033538,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983033537864685}","num_words":328,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wò Dzi Ƒe Tsotso Ye Na Nèle Agbe!\n● Wò dzi ye nye teƒe vevitɔ si ʋu sina tona kakana ɖe wò lã me, eye menye dɔ vie wò dzi wɔna o. Ne ame tsitsie nènye la, ekema ɖewohĩ wò dzi tsona zi gbɔ zi 100,000 kple edzivɔ sɔŋ gbe sia gbe. Ne mèle naneke wɔm o hã la, wò dzi ŋu lãkusiwo ya nɔa dɔ dzi vevie—wowɔa dɔ zi gbɔ zi eve wu ale si wò afɔmekawo ʋãna nè èle du ƒum sesĩe. Eye ne ehiã la, wò dzi ƒe dɔwɔwɔ ate ŋu adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve sɔŋ le sekɛnd atɔ̃ pɛ ko me. Ʋu agbɔsɔsɔme si dzia ɖona ɖe ame tsitsiwo ƒe lã me le miniti ɖeka me la nye lita 5—ʋu lita 5 kloe ye le lã me na ame—gake ne amea le ka me dem la, ʋu agbɔsɔsɔme si dzia ɖona ɖa la ate ŋu ade lita 20.\nAhɔhɔ̃meka siwo wɔa dɔ pɛpɛpɛ ale si dze lae fiaa mɔ ale si wò dzi tsonae. Ahɔhɔ̃meka siawo kpɔa egbɔ be wò dzi ƒe goawo katã memiãna le ɣeyiɣi ɖeka me o; wonana dzigbetɔwo miãna sekɛnd ɖeka kloe doa ŋgɔ na anyimetɔwo. Mènya o ɖe, ne ɖɔktawo tsɔ woƒe mɔ de to me hele dzia ŋkɔ sem wòle ɖiɖim gbo-gbo-gbo la, menye dzia ŋu lãkusiwo ƒe ɖiɖie wosena o, ke boŋ dzia ƒe akpa siwo me le miamiãm la ƒe ɖiɖie wosena.\nDzia Tsona Zi Miliɔn Akpe Ðeka\nZi geɖe la, zi ale si nu lãwo ƒe dzi tsona la nɔa te ɖe woƒe lolome dzi—ne lãa lolo la, ekema eƒe dzi metsona kabakaba o. Le kpɔɖeŋu me, atiglinyi ƒe dzi tsona zi 25 le miniti ɖeka me, evɔ xevi sue aɖe ya ƒe dzi tsona zi 1,000 sɔŋ le miniti ɖeka me! Amegbetɔ ƒe dzi tsona zi 130 le miniti ɖeka me ne wodzii, gake eva zua 70 le miniti ɖeka me ne etsi.\nEdze abe ne lã siwo naa no wo viwo la dometɔ akpa gãtɔ ƒe dzi tso wòde zi miliɔn akpe ɖeka kloe ko la, wokuna ene. Esia tae afi nɔa agbe ƒe 3 kloe ko, elabena eƒe dzi tsona zi 550 sɔŋ le miniti ɖeka me; gake boso gãtɔ, si ƒe dzi tsona zi 20 le miniti ɖeka me ya nɔa agbe ƒe 50 kple edzivɔ. Gake amegbetɔwo ya to vovo kura. Le ale si míaƒe dzi tsona nu la, ele be míaƒe agbenɔƒe nanye ƒe 20 kloe ko. Gake amegbetɔ ƒe dzi si le dɔ wɔm nyuie la ate ŋu atso zi gbɔ zi miliɔn akpe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ, si wɔe be ate ŋu anɔ agbe ƒe 70 alo 80 kple edzivɔ! *\nTogbɔ be ele alea hã, mía dometɔ aɖeke madi be yeƒe dzi natso xexlẽme aɖe si nu ko atɔ o, elabena amegbetɔwo ƒe dzimedidie nye be yewoanɔ agbe tegbee. Esɔ le dzɔdzɔme nu hã, elabena Mawue de didi ma mía me. Eye eteƒe magadidi o, ava ɖe nu vɔ̃—si hea ku vanɛ—hã ɖa. (Romatɔwo 5:12) Ekema \"ku maganɔ anyi o,\" abe ale si Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔe ene.—g10-E 05.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Ðeko míeyɔ xexlẽme siawo le mɔ gbadzaa nu. Ale si nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi tsona kple ƒe ale si nu wònɔa agbee la ate ŋu ato vovo le wo nɔewo gbɔ.\n[Nuwo ƒe nɔnɔme\/Nɔnɔmetata si le axa 29]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nDZI ƑE NƆNƆMETATA\nAnyimego miametɔ\nAnyimego ɖusimetɔ\nDzigbego miametɔ\nDzigbego ɖusimetɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201007\/W%C3%B2-Dzi-%C6%91e-Tsotso-Ye-Na-N%C3%A8le-Agbe\/","date":"2024-03-04T10:29:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476442.30\/warc\/CC-MAIN-20240304101406-20240304131406-00657.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985507727,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985507726669312}","num_words":552,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Ɣeyiɣi li na nu sia nu,Eye ɣeyiɣi li na nu sia nu wɔwɔ le dziƒoa te: 2 Vidziɣi li, eye kuɣi li;Nuƒãɣi li, eye nuŋeɣi li; 3 Amewuɣi li, eye gbedaɣi li;Nugbãɣi li, eye nutuɣi li; 4 Avifaɣi li, eye nukoɣi li;Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi* li; 5 Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li;Asikplakɔɣi li, eye asimakplakɔɣi li; 6 Nudiɣi li, eye nubuɣi li;Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li; 7 Nuvuvuɣi li,+ eye nutɔɣi li;Ðoɖoeziɣi li,+ eye nuƒoɣi li;+ 8 Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li;+Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li. 9 Viɖe kae ame kpɔna tso eƒe kutrikukuwo katã me?+ 10 Mekpɔ dɔ si Mawu na amegbetɔwo be woanɔ wɔwɔm la. 11 Ewɔ nuwo katã nyuie* ɖe wo wɔɣi.+ Ede mavɔmavɔ gɔ̃ hã dzi me na wo; ke hã amegbetɔ manya mɔnu le dɔ siwo Mawu vavã la wɔ la ŋu tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu o. 12 Meƒo nya ta be, nu nyui aɖeke meli ame nawɔ wu be wòakpɔ dzidzɔ ahawɔ nyui le eƒe agbenɔɣi o,+ 13 eye be ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.+ 14 Meva dze sii be, nu sia nu si Mawu vavã la wɔ la, anɔ anyi ɖaa. Naneke meli woatsɔ akpee loo alo aɖe le eme o. Mawu vavã lae wɔe alea, be amewo navɔ̃ ye.+ 15 Nu sia nu si li la, enɔ anyi kpɔ, eye nu si ava va la, li xoxoxo;+ ke Mawu vavã la dia nu si yome tim wole la gɔme.* 16 Megakpɔ esia hã le ɣea te: Vɔ̃ɖinyenye xɔ ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ teƒe, eye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ teƒe.+ 17 Ale megblɔ le nye dzi me be: \"Mawu vavã la le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa,+ elabena ɣeyiɣi li na nu sia nu kple dɔ sia dɔ.\" 18 Megagblɔ le amegbetɔwo ŋu le nye dzi me be, Mawu vavã la ado wo kpɔ, ne woadze sii be, ɖeko yewole abe lãwo ke ene, 19 elabena nu ɖeka tɔgbi ye dzɔna ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa dzi.+ Ale si esiawo kunae la, nenemae ekemɛawo hã kunae; gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si.+ Eya ta amegbetɔ mexɔ asi wu lã o, elabena nu sia nu nye tofloko. 20 Wo katã woyina teƒe ɖeka.+ Anyi me wo katã wotso,+ eye anyie wo katã woagatrɔ azu.+ 21 Ame kae nya ne amegbetɔwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me?+ 22 Eye mekpɔ be, naneke menyo wu be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me o,+ elabena emae nye eƒe viɖe;* elabena ame kae ate ŋu ana wòakpɔ nu si ava dzɔ le eƒe ku megbe?+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"kpotiɣi.\"\n^ Alo, \"wònya kpɔ; ɖe ɖoɖo nu.\"\n^ Agate ŋu afia, \"nu si megali o la gɔme.\"\n^ Alo, \"etɔ gome.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Nyagbl%C9%94la\/3\/","date":"2024-02-24T12:11:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474533.12\/warc\/CC-MAIN-20240224112548-20240224142548-00786.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990259409,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990259408950806}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Maskil.* David ƒe ha. 55 Oo Mawu, se nye gbedodoɖa;+Eye mègado toku nye kokoƒoƒo be nàkpɔ nublanui nam o.*+ 2 Lé to ɖe ŋunye, eye nàtɔ nam.+ Mede vovo ge do kpoe le nye dzimaɖitsitsiwo ta;+Ðeko nye ame bliboa metɔtɔ 3 Le nya siwo gblɔm futɔ la le,Kple ame vɔ̃ɖi la ƒe amemiamia ta. Elabena wolɔ fukpekpe kɔ ɖe dzinye,Eye wodo dziku helém ɖe dɔme.+ 4 Nye dzi le veve sem vevie le menye,+Eye ku ƒe ŋɔdzi lém.+ 5 Vɔvɔ̃ ɖom, mele dzodzom nyanyanya,Eye mele ƒoƒom kpakpakpa. 6 Megblɔna ɖaa be: \"Ne ɖe aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene ɖe! Anye ne madzo ayi aɖanɔ afi si le dedie.* 7 Kpɔ ɖa! Anye ne masi ayi didiƒe ʋĩi.+ Anye ne mayi aɖanɔ gbedzi.+ (Sela) 8 Mawɔ kaba asi ayi bebeƒe,Masi le ya ʋuduʋudu la nu, le ahom sesẽ la nu.\" 9 Oo Yehowa, na woatɔtɔ, gblẽ woƒe ɖoɖowo me,*+Elabena mele ŋutasesẽ kple dzrewɔwɔ teƒe kpɔm le dua me. 10 Wozɔa dua ƒe gliwo dzi kpe ɖo zã kple keli;Ke nu vevi wɔame kple fuɖename le eme.+ 11 Gbegblẽ xɔ aƒe ɖe eme;Eye ameteteɖeanyi kple amebeble megbea eƒe ablɔwo me nɔnɔ o.+ 12 Ðe wònye futɔ aɖee le vlo domem la,+Anye ne mado dzi atsɔe. Ðe wònye nye ketɔe tso ɖe ŋunye la,Anye ne masi le egbɔ aɖabe. 13 Gake wò, ame si le abe nye ke ene,*+Nye ŋutɔ xɔ̃nye si menya nyuie lae.+ 14 Tsi metoa nye kplii dome tsã o;Míenɔa amehawo dome yia Mawu ƒe aƒe la me. 15 Tsɔtsrɔ̃ neva wo dzi!+ Woneyi Tsiẽ* agbagbee;Elabena vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe wo dome, eye wòle dzi me na wo. 16 Ke nye la, Mawue mayɔ;Eye Yehowae axɔ nam.+ 17 Nu tena ɖe dzinye eye meɖea hũ* le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ,+Eye wòsea nye gbe.+ 18 Aɖem eye wòana makpɔ* gbɔdzɔe tso ame siwo le avu wɔm kplim la si me,Elabena ame geɖewoe tso ɖe ŋunye.+ 19 Mawu asee, eye wòatu nu kpli wo,+Eya ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi tso blemablema ke.+ (Sela) Woawo la, wogbe tɔtrɔ,Wo, ame siwo mevɔ̃a Mawu o.+ 20 Etso* ɖe ame siwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti;+Eye wòtu eƒe nubabla la.+ 21 Eƒe numenyawo zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu notsi kpekẽ,+Evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me. Eƒe nyawo le bɔlɔbɔlɔ wu ami,Ke yi siwo woɖe ɖe goe wonye.+ 22 Dro wò agba ɖe Yehowa dzi,+Ekema alé wò ɖe te.+ Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi* akpɔ o.+ 23 Ke wò la, Oo Mawu, àtsɔ wo aƒu gbe ɖe do ƒe gogloƒe ke.+ Hlɔ̃dolawo kple nu fitifiti wɔlawo manɔ woƒe agbeŋkekewo ƒe afã o.+ Ke nye ya maɖo dzi ɖe ŋuwò.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Mègaɣla ɖokuiwò ne medo gbe ɖa be nàkpe ɖe ŋunye o.\"\n^ Alo, \"aɖatsi teƒe aɖe si le dedie.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tɔtɔ woƒe nyawo.\"\n^ Alo, \"hanyeti.\"\n^ Alo, \"metsia dzodzodzoe.\"\n^ Alo, \"nye luʋɔ nakpɔ.\"\n^ Xɔlɔ̃ xoxo si ŋu nya wogblɔ le kpukpui 13 kple 14 lia me lae wowɔnɛ.\n^ Alo, \"naʋã; naʋuʋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/55\/","date":"2024-03-05T13:23:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00320.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990554452,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990554451942444}","num_words":468,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutinyawo Gbɔ̃tsu Sue La Esi gbɔ̃tsu sue sia be yeakpɔe biɖobiɖo la ɖe wòva tsi atsyã me, eya ta nɔ ŋudzɔ. Kpɔe Ɖa Dadi Kple Afiwo Ŋutinya nyui sia nye dzideƒo na amegbetɔ be maganɔ ɖi ɖom ame bubuwo o Kpɔe Ɖa GLITOTO LE EƲE ME Glitoto nye nu vevi aɖe ŋutɔ le Eʋeawo de eye wonye nufiafia blibo Kpɔe Ɖa Klo Kple Ha Klo kple ha siwo nye xɔlɔ̃ na ga va ma wo dome Kpɔe Ɖa Anyidi Kple Bɔtri Esia nye nuxlɔ̃ame na amegbetɔ be wòado vevie nu awɔ dɔ Kpɔe Ɖa Amegãxi Kple Alẽvi Koklovi ƒe nya medzɔna le aʋakowo de o, nenema kee ŋusẽnɔsitɔwo ƒe nya koe dzɔna le agbe sia me. Kpɔe Ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/nutinyawo\/","date":"2024-03-05T12:50:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990383387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990383386611938}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe sia ƒe la, Yehowa Ðasefowo kpea ta wɔa ŋkeke etɔ̃ ƒe takpekpe gãwo. Le míaƒe takpekpe gãwo me la, míesea nuƒo siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe mɔfiamewo gɔme, eye míekpɔa video siwo ɖea Biblia ƒe nufiafiawo me. Gbebiamewo kple wɔwɔfiawo hã kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ale si míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ame sia ame ate ŋu akpɔ gome le wo me faa. Míedzɔa ga le ame si o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/takpekpe-g%C3%A3wo\/","date":"2024-02-21T02:33:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473360.9\/warc\/CC-MAIN-20240221002544-20240221032544-00718.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999386847,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993868470191956}","num_words":75,"character_repetition_ratio":0.102,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðoɖowo Kple Nɔnɔmewo\nLɔlɔ̃ ɖe Ðoɖowo dzi\nNe èzã DivMagic la, efia be èlɔ̃ ɖe edzi be yeawɔ ɖe Ðoɖo kple Nɔnɔme siawo dzi. Ne mèlɔ̃ ɖe ɖoɖo siawo dzi o la, taflatse mègazã kekeɖenudɔa o.\nMɔɖegbalẽ\nDivMagic na mɔɖegbalẽ si seɖoƒe li na wò, si menye ame ɖekaɖekawo tɔ o, si womate ŋu atsɔ ana ame bubu o, be nàzã kekeɖenudɔa hena wò ŋutɔ wò taɖodzinuwo kple asitsatsa, le Ðoɖo kple Nɔnɔme siawo nu. Mègagama kekeɖenudɔa alo agbugbɔ adzrae o. Mègadze agbagba be yeatrɔ asi le kekeɖenudɔa ŋu o.\nNunya ƒe NunɔamesiwoDivMagic kple eƒe nyatakakawo, siwo dometɔ aɖewoe nye kekeɖenudɔa, eƒe wɔwɔme, kple kɔdasia, le nutata ƒe gomenɔamesi, asitsadzesi, kple nunya ƒe nunɔamesiwo ŋuti se bubuwo me. Màte ŋu awɔ DivMagic ƒe akpa aɖeke ƒe kɔpi, agbugbɔ awɔ, amae, alo atrɔ asi le eŋu negbe ɖe míelɔ̃ ɖe edzi do ŋgɔ o.\nDivMagic menye Tailwind Labs Inc. ƒe adzɔnu si dziɖuɖua da asi ɖo o. Tailwind ƒe ŋkɔ kple dzesiwo nye Tailwind Labs Inc. ƒe asitsadzesiwo.\nDivMagic mewɔ ɖeka kple Tailwind Labs Inc alo da asi ɖe edzi o.\nSeɖoƒeɖoɖo na AgbanɔamedziLe go aɖeke me la, DivMagic maxɔ agba aɖeke le nusiwo dome gblẽ tẽ, esiwo mele tẽ o, esiwo dzɔ le vome, alo esiwo ado tso eme le wò kekeɖenudɔa zazã alo màte ŋu azãe o ta o, ne woɖo aɖaŋu na mí be nu mawo ate ŋu agblẽ gɔ̃ hã.\nDivMagic zãlawo ɖeɖekoe axɔ woƒe Reactwo ne wole nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa aɖewo ƒe kɔpi wɔm, eye nyaʋiʋli, nya, alo nutsotso ɖe sia ɖe si nye be wofi aɖaŋunu alo nutata ƒe gomenɔamesi dzi dada la nye ezãla ƒe agbanɔamedzi. DivMagic metsɔa agba aɖeke le se alo ganyawo me tsonu aɖeke si ado tso míaƒe kekeɖenudɔa zazã me o.\nWotsɔ DivMagic na 'abe alesi wòle' kple 'abe alesi wòle ene,' mɔɖegbalẽ ƒomevi aɖeke manɔmee, eɖanye esi wogblɔ alo esi wogblɔ le mɔ bubu nu o, si me kakaɖedzi si wogblɔ be woate ŋu adzra, alesi wòsɔ na taɖodzinu aɖe koŋ, alo sedzidada manɔmee hã le, gake menye woawo koe o. DivMagic meɖo kpe edzi be kekeɖenudɔa madzudzɔmadzudzɔe, wòasɔ ɖe ɣeyiɣia nu, anɔ dedie, alo vodada aɖeke manɔ eme o, eye metsɔ kakaɖedzi aɖeke hã le nusiwo ate ŋu ado tso kekeɖenudɔa zazã me alo nyatakaka aɖeke ƒe nyateƒenyenye alo kakaɖedzi ŋu o si wokpɔ to kekeɖenudɔa dzi.\nLe go aɖeke me la, DivMagic, eƒe dɔdzikpɔlawo, dɔwɔlawo, hadɔwɔlawo, dɔwɔlawo, nudzralawo, alo dɔwɔha siwo do ƒome kplii, maxɔ agba aɖeke ɖe nusiwo dome gblẽ si metso tẽ o, si dzɔ le vome, etɔxɛ, si ado tso eme alo tohehe, si me seɖoƒe manɔmee, viɖe siwo bu, nyatakakawo, zazã, lɔlɔ̃nu nyui, alo... nu bubu siwo bu si womate ŋu akpɔ kple ŋku o, siwo tso (i) wò mɔɖeɖe ɖe kekeɖenudɔa ŋu alo eŋudɔwɔwɔ alo màte ŋu age ɖe kekeɖenudɔa me alo azãe o ta; (ii) míaƒe dɔwɔƒewo kple\/alo ameŋunyatakaka ɖesiaɖe si wodzra ɖo ɖe wo me yiyi alo wo zazã si ŋu womeɖe mɔ ɖo o; alo (iii) wò ame bubu aɖe ƒe nutata ƒe gomenɔamesiwo, asitsadzesiwo, alo nunya ƒe gomenɔamesi bubuwo dzi dada alo wo dzi dada. DivMagic ƒe agbanɔamedzi bliboa le nya ɖesiaɖe si do tso Nubabla sia me alo do ƒome kplii me la se ɖe United States dɔlar 100 alo ga home si katã nèxe ɖe subɔsubɔdɔa zazã ta, esi lolo wu. Zãlawo ɖeɖeko ƒe agbanɔamedzie wònye be woade bubu nunya ƒe nunɔamesiwo ŋuti se kple gomenɔamesi siwo katã li ŋu ne wole DivMagic zãm.\nSe Dziɖuɖu Kple Ʋɔnudrɔ̃ƒeUnited States ƒe sewoe akpɔ Nubabla sia dzi ahaɖe egɔme le ɖekawɔwɔ me, eye womabu eƒe gɔmeɖose siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le se nu o. Èlɔ̃ ɖe edzi be woatsɔ senya alo nya ɖesiaɖe si ku ɖe Nubabla sia ŋu la ayi United States ƒe dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo ɖeɖeko, eye èlɔ̃ ɖe edzi be ʋɔnudrɔ̃ƒe mawo nakpɔ ŋusẽ kple teƒe si woawɔe le.\nTɔtrɔ Siwo Wowɔ le Ðoɖowo Ŋu\nDivMagic kpɔ mɔ atrɔ asi le Ðoɖo kple Nɔnɔme siawo ŋu ɣesiaɣi. Tɔtrɔ ɖesiaɖe adze dɔwɔwɔ gɔme ne èda ɖoɖo yeyeawo ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Ne èyi edzi zã kekeɖenudɔa la, efia be èlɔ̃ ɖe ɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/terms","date":"2024-03-01T20:21:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475701.61\/warc\/CC-MAIN-20240301193300-20240301223300-00405.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989717007,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998971700668335}","num_words":697,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la; ɖe \"Mègagblẽ Nu O\" ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.* Esime Saul dɔ amewo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒea ŋu ne woawui.+ 59 Oo nye Mawu, ɖem tso nye futɔwo si me;+Kpɔ tanye tso ame siwo tso ɖe ŋunye la si me.+ 2 Ðem tso nu vɔ̃ɖi wɔlawo si me,Eye nàxɔ nam tso ŋutasẽlawo* si me. 3 Kpɔ ɖa, wode xa ɖi nam;*+Ame sesẽwo dze dzinye,Oo Yehowa, evɔ nyemedze agɔ alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke hã hafi o.+ 4 Togbɔ be nyemeda vo aɖeke o hã la, wole du dzi hele klalo be yewoadze dzinye. Mele yɔwòm, eya ta tso nàva kpɔ ɖa. 5 Elabena wò aʋakɔwo ƒe Yehowa ye nye Israel ƒe Mawu.+ Nyɔ, nàtrɔ susu ɖe dukɔwo katã ŋu. Mègave yomemɔfiala vɔ̃ɖiwo nu o.+ (Sela) 6 Wovana fiẽ sia fiẽ;+Wonɔa wowóm abe avuwo ene+ eye wotsana kpea dua ɖo.+ 7 Kpɔ ɖa! Wodudua nya kɔna ɖi bababa;Woƒe nuyiwo le abe yi ene,+Eye wogblɔna be: \"Ame kae le esem?\"+ 8 Ke wò, Yehowa, àko wo;+Àɖe alɔme le dukɔwo katã ŋu.+ 9 Oo nye Ŋusẽ, manɔ asiwò nu kpɔm;+Elabena Mawue nye nye mɔ́ sesẽ.+ 10 Mawu si vea nunye geɖe la ŋutɔ akpe ɖe ŋunye;+Mawu ana matsa ŋku le nye futɔwo dzi le dziɖuɖu me.+ 11 Mègawu wo o, ne nye dukɔ la ƒe ŋku nanɔ edzi. Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla;Eye nàna woadze anyi, Oo Yehowa, míaƒe akpoxɔnu.+ 12 Le esi wotsɔa woƒe nu wɔa nu vɔ̃, le nya si dona le woƒe nu me la ta,Woƒe dada nezu ɖɔ wòaɖe wo,+Le ɖiŋudodo kple amebeble si dona le wo nu ta. 13 Na wo nu nayi le wò dziku me;+Na wo nu nayi, ne woaganɔ anyi o;Na woadze sii be Mawu le dzi ɖum ɖe Yakob dzi va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.+ (Sela) 14 Na woatrɔ ava fiẽ sia fiẽ;Na woanɔ wowóm abe avuwo ene atsa akpe dua ɖo.+ 15 Na woanɔ tsaglãla tsam anɔ nu si woaɖu la dim;+Womegaɖi ƒo o, eye womegakpɔ dzeƒe hã o. 16 Ke nye la, madzi ha le wò ŋusẽ ŋu;+Le ŋdi la, matsɔ dzidzɔ aɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la. Elabena wòe nye nye mɔ́ sesẽ,+Kple nye dedienɔƒe le xaxaɣi.+ 17 Oo nye Ŋusẽ, wòe madzi kafukafuha* na,+Elabena Mawue nye nye mɔ́ sesẽ, Mawu si lɔ̃am vevie.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"hlɔ̃mewo.\"\n^ Alo, \"wode xa ɖi na nye luʋɔ.\"\n^ Alo, \"maƒo ha.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/59\/","date":"2024-02-27T10:56:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474674.35\/warc\/CC-MAIN-20240227085429-20240227115429-00444.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998075664,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980756640434265}","num_words":383,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EƲEAWO ƑE LÃƉEMƆNUWO\nAkpoŋ alo ƒe si woda nyuie la ƒe viɖewoe nye kpoku, adeɣe, ƒã, abɔbi, deɣi kple tsiyi! Kae vivia nuwò ŋutɔ? Ɛ̃, Eʋeawo kpɔa dzidzɔ ɖe tɔmelã ŋuti eye tɔmelã aɖewo ya megbea zea me nɔnɔ o. Esia katã na míekpɔ lãɖelawo ƒe asixɔxɔ.\nLãɖelawo ɖea lã le tsi viviwo kple atsiaƒu siaa me le Eʋe-nyigba dzi. Ke lãɖemɔnu kawoe wozãna? Le nyati sia me la, míakpɔ lãɖemɔnu etɔ̃, woawoe nye ƒudodo, agalãxɛɖoɖo kple gbebublu. Eye nyati siwo akplɔ esia ɖo hã ado dzidzɔ na wò elabe míagakpɔ lãɖemɔnu bubu siwo dometɔ aɖewoe nye kpãɖoɖo, tɔsisi kple atukpaxɛɖoɖo. Ne ènya lãɖemɔnu aɖe si míeyɔ le afi sia o la, míeɖe kuku na míanya.\nƑUDODO ALO AKPOŊDADA\nƑu, ƒe alo akpoŋ nye gavi si nu woxa tsɔ̃e hena lãɖeɖe. Woyɔa ƒutsɔtsɔ ɖe lã be ƒudodo, ƒedada alo akpoŋdada. Ƒudodo doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe menye dɔ sesẽ wònye o, ɖeko wòle abe fefe ene eye míagblɔ ko be modzakaɖeɖee.\nEʋe aɖewo gblɔna be ƒea tsɔ lã, ɖewo be akpoŋ la tsi lã eye bubuwo hã be ƒu la ɖe lã. Míate ŋu agblɔ wo katã le ale si míedoa míaƒe gbetagbe lae nu. Gake aleke wodoa ƒu?\nWosaa ka ɖe ati nu eye wotsia ƒu ɖe ka la nu. Wosaa ati sue aɖe, si fona abe futufutu ene ɖe ka la ŋu si woyɔna be kpokpoli. Ne lã aɖe tsɔ ƒua la, kpokpoli la buna ɖe tsia me zi ɖeka eye ƒudola alo akpoŋdala nyana enumake be yelé tɔmelã aɖe. Ele na ƒudolaa be wòahe ƒua zi ɖeka. Kusi si nu wode ɖɔkae nɔa ƒudolaa xa le tsia me si me wòdea lã siwo wòɖe lae. Woɖea lã votavota siwo ƒe ɖewoe nye akpa, abɔyi, adeɣe, klofi, ŋɔtsi, adekɛ. Kaka ɣetrɔ naɖo la, ƒudolaa ƒe kusia yɔna taŋ kple lã ɖeɖe sɔŋ. Sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa mefena le lãɖedɔ sia ŋu o. Nyɔnuwo nɔa lalam le tɔa to be yewoaƒle lã adzra.\nLãɖelawo dzraa wo na nyɔnuawo eye woawo ŋutɔ tsɔa ɖewo yia aƒe me ɖamena. Ne èto mɔ sia dzi la, àte ŋu alé ƒã, adeɣe kple ŋɔti gɔ̃ hã, gake ele be nàbla godzi nyuie. Ne mèbla go dzi nyuie o la, ƒã ade wò tɔ.\nAGALÃXƐ ALO AGALÃXA\nLãɖemɔnu bubu si ŋuti dɔ Eʋeawo wɔna le nuto aɖewo mee nye agalãxɛ alo agalãxa ɖoɖo. Aɖaŋu ka gbegbee lãɖemɔnu sia hã lɔ ɖe eme? Na míakpɔe ɖa.\nAgalãxɛɖoɖo mesesẽ kura o. Lãɖela la dzea defɔ alo pãmplo lɛlɛlɛ tsɔ lɔ̃a agalãxae. Woɖea mɔnu ɖe xa la ŋuti, afi si agalãwo ato age ɖe eme. Azɔ wotɔa lãviwo alo akpa siwo wofli kakɛkakɛe la ɖe ka nu sana ɖe eme. Woɖoa xa la ɖe tagbamu, atsiaƒu alo tɔsisi me. Ne agalãwo kpɔ lãviawo le xaa me ko la, wodia xaa ƒe mɔnu gena ɖe eme. Kaka woanya la, wotsi atsyã me. Womagate ŋu ado go le xaa me. Aglã siawo wɔa avu ʋuu nu koe tia kɔ na wo. Tsitsiawo gblɔna be, ne enyo na adela lae wògblɔna be afi si ko yenɔ dae nye esi. Ɛ̃, lãɖelaa ate ŋu ako alɔgbɔnu aʋuʋu ta. Elabe ɖuɖu va aƒe.\nNe ègakpɔ agalã le fetridetsi me la, nàɖo ŋku aɖaŋu si gbegbe lãɖela wɔ hafi te ŋu lé agalã ma la dzi eye nàda akpe nɛ ɖe eƒe kutrikukua ta. Vevietɔ la, míada akpe na Yehowa Mawu ame si wɔ agalã be wòado dzidzɔ na amegbetɔwo.\nGBEBUBLU ALO TSIBUBLU\nMíeva ɖo lãɖemɔnu etɔ̃lia dzi. Eyae nye gbebublu alo tsibublu. Lãɖemɔnu sia te kame vie, gake dɔdɔameɖokuitɔ meyɔa mo eye ɖɔɖɔɖɔe woɖaa kpe wòbina. Nyateƒeae nye be lãɖemɔnu sia ɖea vi geɖe. Gake aleke wowɔnɛ?Lãɖelawo nɔa ha me ƒoa xlã gbekɔe si me tsi le, eye wogbodoa tsia alo blunɛ. Wotsɔa asi kua ba le tɔa gɔme nɔ dadam ɖe gbea me le tsia me. Esia wɔnɛ be dzidzi ƒoa lãwo wotɔtɔna henɔa bebeƒe dim. Vavãe, womeɖoa sisi gadɔa alɔ̃ o. Tɔmelãwo kpɔe be nu si ko yewoate ŋu awɔe nye be yewoaɖo agbi alo aɖo ba, si fia be woasi abe ɖe ba me. Ke aleke lãɖelawo wɔna léa wo? Lãɖela siawo nɔa asi tsam le tsia me kple tɔa gɔme eye woléa tɔmelã bebela siawo asiasii.\nNu si nyo le lãɖemɔnu sia ŋutie nye be lãɖelawo tea ŋu léa lã gã siwo be ɖe gbea te. Wò ŋutɔ àte ŋu akpɔ lã siwo woaɖe le Ziɔ alo Amu me la ɖaa le susu me. Ɖewohĩ àyɔ ƒã. Ƒãa! Ɖe wòvivina loo! Ke ɖeko míagblɔ be, \"Nezɔ.\"\nNA WÒAƉE VI NA WÒ\nLãɖemɔnu siawo katã dometɔ aɖe ate ŋu aɖe vi na wò, eye míeka ɖe edzi be àtsɔ aɖaŋu blibo awɔ esiae.\nLãɖemɔnu etɔ̃ siawo kpe ɖe mía ŋuti míekpɔ agbagba siwo Eʋeawo dzena hafi tea ŋu kpɔa tɔmelã ɖuna. Le dukɔ aɖewo me la, tɔdziʋu gãwo kple ɖɔ ŋkuvi kpakple ɖɔ ŋkugãwoe wozãna. Míagakpɔ lãɖemɔnu bubu siwo yia edzi le Eʋeawo de le nyati siwo akplɔ esia ɖo la me.\nNumekula si ku nu me heƒo nyati siawo nu ƒu lae nye aƒetɔ Ɖela Dankwah, si nye Eʋegbeŋutinunyala kple gbegɔmeɖela bibi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/e%CA%8Beawo-%C6%92e-la%C9%96em%C9%94nuwo\/","date":"2024-03-05T13:57:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00644.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997385025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973850250244141}","num_words":849,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eteƒe madidi o Mawu Fiaɖuƒe si nye dziɖuɖu si Mawu ɖo anyi, si lalam míele ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la, ana amewo nanɔ ŋutifafa me eye woawɔ ɖeka le anyigba katã dzi. \"Ŋutifafa axɔ aƒe\" ɖi abe ale si Psalmo 72:7 do ŋugbee ene. Gake ɣekaɣie Fiaɖuƒe sia adze dziɖuɖu gɔme? Aleke wòawɔe? Eye nu kae nàwɔ be Fiaɖuƒe sia ƒe dziɖuɖu naɖe vi na wò?\nƔEKAƔIE MAWU FIAÐUƑEA AVA?\nBiblia la gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo ɖi, siwo ana míakpɔe be Mawu Fiaɖuƒea gogo. Nudzɔdzɔ mawoe ƒo ƒu wɔ \"dzesi\" siwo ƒe ɖewoe nye dukɔwo dome aʋawɔwɔwo, dɔwuame, dɔléle, anyigbaʋuʋuwo kple sedzimawɔmawɔ si le dzidzim ɖe edzi.—Mateo 24:3, 7, 12; Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:2-8.\nNyagblɔɖi bubu gblɔ be: \"Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, . . . ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu.\" (2 Timoteo 3:1-4) Nɔnɔme siawo le amewo si tso gbe aɖe gbe ke. Gake fifia ya wobɔ ɖe afi sia afi.\nNyagblɔɖi mawo te emevava tso ƒe 1914 me ke. Le nyateƒe me la, blemaŋutinyaŋlɔlawo, dziɖuɖumegãwo kple agbalẽŋlɔlawo ƒo nu tso ale si nuwo trɔe tso ƒe ma me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, aƒetɔ Peter Munch si nye Denmarktɔwo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla ŋlɔ bena: \"Aʋa si dzɔ le ƒe 1914 me lae na nuwo trɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kura. Do ŋgɔ na ƒe ma la, amewo susu be nuwo le nyonyom ɖe edzi le xexea me, . . . gake nuwo va trɔ kpata ale be afɔku, ŋɔdzi kple fuléle wɔe be amewo megale dedie le afi aɖeke o.\"\nNu siawo siwo na xexea me tɔ zi la, na míekpɔe be eteƒe madidi o, nu nyuiwo akplɔe ɖo. Wona míekpɔe be Fiaɖuƒea ava ɖu anyigba bliboa dzi kpuie. Le nyateƒe me la, esi Yesu nɔ nu ƒom tso nuwuwua ƒe dzesia ŋu la, egblɔ kpee be: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"—Mateo 24:14.\nNya nyui mae nye gbedeasi vevi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe. Le nyateƒe me la, agbalẽ si koŋ wozãna ƒe tanyae nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. Eƒoa nu tso nu wɔnuku siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo kple tɔtrɔ siwo wòahe va anyigba dzi la ŋu.\nALEKE MAWU FIAÐUƑEA AWƆ AXƆ DZIÐUÐU?\nNya vevi ene siawo ana míakpɔ ŋuɖoɖoa:\n-\nFiaɖuƒe sia mazã xexea me dziɖula aɖeke o.\n-\nXexe sia me dziɖulawo adi vevie be yewoayi edzi anɔ zia dzi eya ta woatsi tre ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu bometsitsitɔe.—Psalmo 2:2-9.\n-\n-\nWoakpɔ ame siwo katã lɔ̃ be yewoanɔ Mawu Fiaɖuƒea te la ta le Armagedon-ʋaa me eye woanɔ xexe yeye si me ŋutifafa le la me. Woawoe Biblia yɔ be \"ameha gã\" la, ɖewohi̇̃ woanye ame miliɔn geɖe.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13, 14.\nNU KAE NÀWƆ BE FIAÐUƑEA NAÐE VI NA WÒ?\nNu gbãtɔ si wòle be nàwɔ hafi anye Mawu Fiaɖuƒea tevi ye nye be nàsrɔ̃ nu tso eŋu. Le nyateƒe me la, Yesu do gbe ɖa na Mawu be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\"—Yohanes 17:3.\nNe amewo va nya Ame si tututu Yehowa Mawu nye la, eɖea vi geɖe na wo. Bu mɔ siawo dometɔ eve ko ŋu kpɔ: Gbãtɔ, ale si woxɔ Mawu dzi se la me sẽna ɖe edzi. Xɔse ma si ŋu kpeɖodzi le la, nana wokana ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ eye adze dziɖuɖu gɔme kpuie. (Hebritɔwo 11:1) Evelia, wova lɔ̃a Mawu kple wo haviwo ɖe edzi. Lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu ʋãa wo woɖoa toe tso dzi me. Ale si wolɔ̃ wo haviwo hã ʋãa wo be woawɔ ɖe Yesu ƒe nya si wolɔ̃a yɔyɔ be Sikasedede la dzi. Sedede ma gblɔ be: \"Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.\"—Luka 6:31.\nEsi mía Wɔlaa nye vifofo lɔ̃ame ta la, edia nyui na mí ɣesiaɣi. Edi be míase vivi na nu si Biblia yɔ be \"agbe vavã\" la. (1 Timoteo 6:19) Menye \"agbe vavã\" lae míele egbea o. Agbea le sesẽm na ame miliɔn geɖe eye wokpea fu hafi kpɔa woƒe nuhiahiãwo. Be nàkpɔ ale si \"agbe vavã\" ma anɔ la, bu nu wɔnuku siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ na eteviwo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2019-mar-apr\/le-mawu-fia%C9%96u%C6%92ea-me\/","date":"2024-04-21T07:35:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817729.87\/warc\/CC-MAIN-20240421071342-20240421101342-00266.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983407855,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983407855033875}","num_words":748,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia na eme kɔ ƒãa be Mawu mewɔ Abosam o. Ke boŋ ewɔ ame a��e si va zu Abosam emegbe. Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be: \"Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.\" (5 Mose 32:3-5) Nya mawo na wòdze kɔtɛe be ɣeaɖeɣi va yi la, Satana de blibo, eye wònye ame dzɔdzɔe, eye wònye mawudɔlawo dometɔ ɖeka.\nLe Yohanes 8:44 la, Yesu gblɔ be Abosam \"meli ke ɖe nyateƒe la me o,\" si fia be tsã la, Satana nye anukwareɖila kple ame maɖifɔ.\nGake abe ale si ko wòle le Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubu siwo si nunya le gome ene la, ablɔɖe le mawudɔla si va zu Satana la hã si be wòatiae be yeawɔ nyui alo vɔ̃. Esi wòtiae be yeatsi tre ɖe Mawu ŋu, eye wòna atsu kple asi gbãtɔ wɔ ɖeka kplii ta la, ewɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye \"Tsitretsiɖeŋula.\"—1 Mose 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawue-w%C9%94-abosam\/","date":"2024-04-17T15:53:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817158.8\/warc\/CC-MAIN-20240417142102-20240417172102-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990867376,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990867376327515}","num_words":163,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE Memleɖa, April 25, 2015 dzi la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe si ƒe dzidzemee nye 7.8 la dzɔ le Nepal, si nye dukɔ si ƒe akpa gãtɔ nye towo le India ƒe dzigbe gome. Anyigbaʋuʋua gblẽ nu le Kathmandu si nye fiadua ƒe dzieheɣetoɖoƒe abe kilometa 80 ene. Nublanuitɔe la, ame siwo wu 8,500 ye ku, eye esiae nye dzɔdzɔmefɔku si wu ame gbogbo le Nepal ƒe ŋutinya me. Aƒe siwo wu alafa atɔ̃ ye gbã. Yehowa Ðasefowo 2,200 ye le Nepal, eye wo dometɔ akpa gãtɔ le teƒe si anyigbaa ʋuʋu le. Nublanuitɔe la, Ðasefo ɖeka kple via eve ku.\nÐasefo aɖe si ŋkɔe nye Michelle gblɔ be, \"anyigbaa ʋuʋu esime Ðasefo akpa gãtɔ siwo le nutoa me nɔ woƒe kpekpe aɖe wɔm. Ne ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ aƒe me hafi afɔkua dzɔ la, anye ne ame siwo aku alo axɔ abi la asɔ gbɔ ŋutɔ.\" Nu ka tae ame siwo yi kpekpea tsi agbe? Ale si wotu Fiaɖuƒe Akpatawo gbɔe wòtso.\n\"FIFIA MÍELE VIÐEAWO KPƆM!\"\nWonana Fiaɖuƒe Akpata yeye siwo katã tum wole le Nepal fifia sesẽna ale be woate ŋu anɔ te ɖe anyigbaʋuʋu nu. Man Bahadur si le Fiaɖuƒe Akpata tulawo dome gblɔ be: \"Amewo biaa mí be nu ka tae míeɖoa gɔmeɖoanyi sesẽ mawo gbegbe na xɔ sue mawo hã? Fifia míele viɖeawo kpɔm!\" Le anyigbaʋuʋua megbe la, woɖe mɔ be amewo nava nɔ Fiaɖuƒe Akpatawo me. Togbɔ be anyigbaʋuʋu suesuesuewo kplɔ gãtɔa ɖo hã, Yehowa Ðasefowo kple woƒe aƒelikawo nɔ dedie le afi ma.\nÐasefowo ƒe hamemetsitsiwo di ame siwo womekpɔ o la afɔ tsɔtsɔe. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Babita gblɔ be: \"Hamemetsitsiawo tsɔ hamea me tɔwo ƒe dedienɔnɔ nu vevii wu woawo ŋutɔ tɔ. Ale si wolɔ̃ míi la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.\" Le anyigbaʋuʋua ƒe ŋufɔke la, ame etɔ̃ siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Nepal kple dzikpɔla mɔzɔlawo nɔ hameawo dzi tsam be yewoanya nu siwo hiã wo eye yewoana kpekpeɖeŋu si hiã to hamemetsitsiawo dzi.\nŊkeke ade le anyigbaʋuʋua megbe la, Gary Breaux, si le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒe gã si le Amerika kple srɔ̃a Ruby va Nepal. Reuben, si nye dɔa dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka le Nepal gblɔ be: \"Ale si nuwo tɔtɔ le Kathmandu kple anyigbaʋuʋu suesuesuewo wɔe be míevɔ̃ be Nɔviŋutsu Breaux mate ŋu ava o. Gake eɖoe kplikpaa be yeava, eye eva hã! Ðasefoawo kpɔ dzidzɔ ɖe eƒe vavaa ŋu.\"\n'MÍEGAVA TE ÐE MÍA NƆVIWO ŊU WU'\nSilas, si wɔa dɔ le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒe si le Nepal gblɔ be: \"Esi míaƒe telefonwo nya te dɔwɔwɔ koa, woƒoa ka na mí zã kple keli! Ðasefo siwo le xexea me godoo ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme na mí. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo doa gbe si míese o hã, míekpɔe be wolɔ̃ mí eye wodi be yewoakpe ɖe mía ŋu.\"\nŊkeke geɖe le anyigbaʋuʋua megbe la, Ðasefo siwo le afi ma la tsɔa nuɖuɖu vaa Fiaɖuƒe Akpata me wo katã woɖuna. Tsɔ kpe eŋu la, woɖo Afɔku Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe, eye eteƒe medidi o, amewo ɖo nuwo ɖe mí tso Bangladesh, India kple Japan. Le ŋkeke ʋɛ aɖe ko mea, Ðasefo aɖewo siwo nye ɖɔktawo tso Europa va eye wowɔ teƒe si woanɔ akpe ɖe amewo ŋu la ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me. Wodze dɔ gɔme enumake, menye ame siwo dze afɔku gbɔ koe wokpɔ o, ke boŋ wofa akɔ na wo le esi wole nu xam le nu si dzɔa hã ta.\nNyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Uttara gblɔ nya si ame geɖe gblɔ la ale: \"Anyigbaʋuʋua dzi ŋɔ eye wòɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ. Gake emegbe, míekpɔe be míegava te ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu wu.\" Anyigbaʋuʋua megbɔdzɔ lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo si na eyama kple wo nɔviwo la me o. Ðe wòdo ŋusẽ lɔlɔ̃ ma boŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/w%C9%94-d%C9%94-%C9%96e-m%C3%ADa-dzi-%C5%8But%C9%94\/","date":"2024-04-21T06:02:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817729.0\/warc\/CC-MAIN-20240421040323-20240421070323-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990215302,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990215301513672}","num_words":622,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Ke wò la, yi edzi nànɔ nya siwo sɔ ɖe nufiafia si le blibo* nu la gblɔm.+ 2 Ŋutsu tsitsiwo nada asɔ le nuwɔna me, woalé fɔ ɖe nu ŋu, woaɖɔ ŋu ɖo, woasẽ ŋu le xɔse me, le lɔlɔ̃ me, le dzidodo me. 3 Nenema kee nyɔnu tsitsiwo hã nawɔ nu le mawuvɔvɔ̃ me, woaganye ameŋugblẽlawo o, eye woaganye aha geɖe nolawo hã o, woanye nu nyui fialawo, 4 ne woaxlɔ̃ nu* ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo, 5 woanye ame ɖɔŋuɖowo, agbe dzadzɛ nɔlawo, aƒemedɔwɔlawo,* nyuiwɔlawo, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo na woawo ŋutɔwo srɔ̃wo,+ ale be woagagblɔ nya vlo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o. 6 Nenema kee yi edzi nànɔ nu xlɔ̃m ɖekakpuiwo be woaɖɔ ŋu ɖo;+ 7 nàɖo kpɔɖeŋu nyui le dɔ nyuiwo wɔwɔ me le nu sia nu me. Fia nu si dza la moveviɖoɖotɔe,+ 8 na wò nuƒoƒo nanyo, ale be woagakpɔ nya aɖeke le eŋu agblɔ o;+ ale be ŋu nakpe tsitretsiɖeŋulawo le esi womekpɔ nya gbegblẽ aɖeke agblɔ le mía ŋu o ta.+ 9 Kluviwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me,+ woadze agbagba adze woƒe aƒetɔwo ŋu, eye woaganɔ nya hem kpli wo o, 10 woaganɔ wo fim o,+ ke boŋ woanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo bliboe, ale be woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la le nu sia nu me.+ 11 Elabena Mawu ɖe eƒe amenuveve fia, eye esia hea ɖeɖekpɔkpɔ vɛ na ame ƒomeviwo katã.+ 12 Esia fia mí be míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo,+ eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi* sia me,+ 13 esime míele dzidzɔmɔkpɔkpɔ+ kple Mawu gã la kpakple mía Ðela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam, 14 ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta,+ be wòaɖe mí*+ tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe me, eye wòakɔ dukɔ si nye eya ŋutɔ tɔ, si le tɔxɛ nɛ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.+ 15 Yi edzi nànɔ nya siawo gblɔm, eye nàxlɔ̃ nu ahaka mo le ŋusẽ blibo si wona wò la nu.+ Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nufiafia nyuitɔ.\"\n^ Alo, \"woaɖo ŋku edzi na; woana hehe.\"\n^ Alo, \"ame siwo léa be na woƒe aƒewo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"be wòaxe mía tafe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/tito\/2\/","date":"2024-04-19T00:02:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817249.26\/warc\/CC-MAIN-20240418222029-20240419012029-00844.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980921745,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980921745300293}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ga atrakpui dzɔdzɔe si ŋu akplɔ si ƒe ka le zigzag ŋu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nSP\nX - atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY - ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nW - Atrakpui ƒe kekeme\nF - ledge ƒe afɔɖeɖewo\nC - Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nZ - Afɔɖeɖe ƒe titrime\nA - Bowstring ƒe titrime\n- Kpɔ afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe kɔkɔme.\nLR\n- Ðo mɔfiame si dzi nàkɔe ɖo. Le atrakpuiwo tata ta.\nalo\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le alesi wowɔ ga atrakpui si ŋu atrakpui si ƒe ka le zigzag ƒomevi me ŋu.\nNyanya agbɔsɔsɔme si hiã be woatsɔ awɔ profile pipe na bowstring.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nDzogoe si dzi atrakpuiawo le.\nNuto si me afɔɖeɖenuwo le.\nAtrakpuiawo ƒe akpa vovovoawo katã ƒe nɔnɔmetatawo kple nɔnɔmetatawo tsitotsito.\nKafukafunyawo na atrakpui si dzi woanɔ bɔbɔe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/metal_ladder_z\/","date":"2024-04-19T22:48:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817455.17\/warc\/CC-MAIN-20240419203449-20240419233449-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999270439,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999270439147949}","num_words":142,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo\nMOSE nye amesiwo ƒe ŋkɔ de dzi wu le ŋutinya me katã dometɔ ɖeka. Biblia-gbalẽ Ene—tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia vaseɖe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia—me nyawo katã kloe ku ɖe alesi Mawu wɔ nu kple Israel-viwo le Mose ƒe kpɔkplɔ te ŋu. Efia mɔ wo le woƒe mɔzɔzɔ tso Egipte me, nɔ dukɔa kple Mawu dome le Se ƒe nubablaa me, eye wòkplɔ Israel-viwo yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzii. Farao ƒemee wonyi Mose le, gake eva zu Mawu ƒe amewo kplɔla si wona ŋusẽe, kpakple nyagblɔɖila, ʋɔnudrɔ̃la, kple agbalẽŋlɔla si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã. Ke hã eyae 'fa wu amesiwo katã nɔ anyigba dzi.'—Mose IV, 12:3.\nNya siwo Biblia gblɔ le Mose ŋu la dometɔ akpa gãtɔ ku ɖe eƒe agbenɔƒe 40 mamlɛawo ŋu, si tso ɣeyiɣi si me woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me vaseɖe Mose ƒe kuɣi esime wòxɔ ƒe 120. Tso esime wòxɔ ƒe 40 vaseɖe 80 la, enye alẽkplɔla le Midian. Gake agbalẽ aɖe gblɔ be, \"ɖewohĩ eƒe agbenɔƒe ƒe akpa si do dzidzɔ na ame wu, evɔ wònye esi ŋu ame geɖe menya nu le o\" enye eƒe ƒe 40 gbãtɔwo, tso edziɣi va ɖo esime wòsi le Egipte. Nuka koŋue míate ŋu anya tso ɣeyiɣi sia ŋu? Aleke nɔnɔme si me Mose tsi le la anya kpɔ ŋusẽ ɖe amesi wòva nye dzii? Ŋusẽkpɔɖeamedzi kawo tee wòanya tsi le? Kuxi kawo mee wòanya to? Eye nukae esiawo katã ate ŋu afia mí?\nKluvinyenye le Egipte\nMose ƒe Agbalẽ Evelia gblɔ be Farao aɖe va nɔ vɔvɔ̃m na Israel-vi amedzrovi siwo nɔ Egipte la, le alesi wònɔ dzidzimee ta. Edze agbagba 'ayetɔe' te kpɔ be yeaɖe woƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ to kluvidɔ sesẽwo—siwo nye agbatetsɔtsɔ, anyinyanya, kple anyikpe meme—dede asi na wo ne woawɔ le dɔdzikpɔla ameƒolawo ƒe dzikpɔkpɔ te me.—Mose II, 1:8-14; 5:6-18.\nAlesi woɖɔ Egipte si me wo dzi Mose ɖo la sɔ ɖe blemaŋutinya me kpeɖodzi siwo li. Blemagbalẽwo kple yɔdo dzi nutata ɖeka ya teti ƒo nu tso kluviwo ƒe anyikpe meme le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. me ŋu. Kpememe dzikpɔlawo maa kluviwo ɖe ƒuƒoƒo siwo me ame 6va ɖo 18 nɔ me eye ŋgɔnɔla alo dɔdzikpɔla nɔa wo nu. Ele be woaku anyi ahatso gbe atsɔ ayi kpea meƒee. Dɔwɔla siwo tso dukɔ vovovowo me dea tɔme, eye wozãa kodziwo tsɔ blua anyia kple gbea tsakanae. Wotsɔa kpetsoganugoe siwo le dzogoe ene me tsoa anyikpewo ɖe fli gbogbowo me. Emegbe kluvidɔwɔlaawo lɔa anyikpe siwo wosia ɖe ŋdɔgbe wòƒu la ɖe kusi eve me, hetsɔa ati dea kusiawo me tsɔna ɖe abɔta ɖina abui ɣeaɖewoɣi, yina xɔa tuƒee. Egiptetɔ dɔdzikpɔlawo, siwo lé ameƒoti ɖe asi la, nɔa anyi alo nɔa tsatsam le wo dzi ne wole dɔa dzi kpɔm.\nBlema akɔntabubu nuŋlɔɖi aɖe ƒo nu tso anyikpe 39,118 siwo kluvidɔwɔla 602 me ŋu, si fia be ame ɖeka mea anyikpe 65, le mama dedie nu, le dɔwɔɣi ɖeka me. Eye ƒe alafa 13 lia D.M.Ŋ. me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be: 'Ameawo nɔ anyikpe xexlẽme si wodi tso wo si la mem gbesiagbe.' Esiawo katã sɔ pɛpɛpɛ kple dɔ si wobia tso Israel-viwo si be woawɔ si woɖɔ le Mose ƒe Agbalẽ Evelia me.\nAmeteteɖeanyia mete ŋu ɖe Hebritɔawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ o. Ke boŋ 'zi alesi Egiptetɔawo te wo ɖe anyii la, zi nenemae wonɔ dzidzim ɖe edzii, si na ɖeko wode asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.' (Mose II, 1:10, 12) Le esia ta, Farao de se na Hebritɔwo ƒe vixelawo eye emegbe na eƒe amewo katã be woawu Israel-viŋutsu siwo katã woadzi la. Nɔnɔme dziŋɔ sia mee Yoxebet kple Amram dzi vidzĩ dzeɖekɛ, Mose, le.—Mose II, 1:15-22; 6:20; Dɔwɔwɔwo 7:20.\nWoɣlae, Wofɔe, eye Woxɔe Nyi\nMose dzilawo gbe wɔwɔ ɖe Farao ƒe amewuwusea dzi heɣla wo viŋutsuvi suea. Ðe wowɔ esia togbɔ be ŋkutsalawo kple aƒemetsalawo nɔ tsatsam henɔ vidzĩwo dima? Míate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe o. Ke hã le ɣleti etɔ̃ megbe la, Mose dzilawo megate ŋu ɣlae o. Eyata dada si tsi dzi la lɔ̃ aƒlakusi, tsɔ aŋɔ tree be tsi nagage ɖe eme o, hetsɔ via mlɔ eme. Le gɔmesese aɖe nu la, Yoxebet wɔ ɖe Farao ƒe se si wòde be woatsɔ Hebri-viŋutsuvi yeye siwo woadzi la aƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi me dzi. Emegbe Miryam, si nye Mose nɔvinyɔnu tsitsi ɖatɔ ɖe adzɔge nɔ eŋu dzɔm.—Mose II, 1:22–2:4.\nMíenya ne ɖee Yoxebet ɖoe be Farao vinyɔnu nafɔ Mose ne eva tsi le ge le tɔa to ya o, gake numae dzɔ. Fiavinyɔnua de dzesii be ɖevia nye Hebritɔawo ƒe vi. Nukae wòawɔ? Ðe wòawɔ fofoa ƒe gbe dzi ahaɖe gbe be woawuia? Ao, ewɔ nu abe alesi nyɔnu akpa gãtɔ awɔ nui ene. Ewɔ nu veveseɖeamenutɔe.\nMiryam te ɖe eŋu enumake. Ebia be: 'Mayi aɖayɔ Hebri-nyɔnu aɖe vɛ be wòana no ɖevia na wòa?' Ame aɖewo bua akpa sia be etsi tre Mose II, 2:5-9.ɖe (Farao) ƒe tameɖoɖoa ŋu. Mose nɔvinyɔnu ƒe susu mew�� ɖeka kple Farao tɔ o, amesi kple eƒe aɖaŋuɖolawo ɖo nugbe be yewoawɔ 'ayemenu' ɖe Hebritɔawo ŋu. Gake esi fiavinyɔnua lɔ̃ ɖe edaa ƒe ɖoɖoa dzi ko hafi kakaɖedzi te ŋu ɖo Mose ƒe dedienɔnɔ ŋu. Farao ƒe vinyɔnua ɖo eŋu be: \"Heyi!,\" eye Miryam yi ɖayɔ dadaa vɛ enumake. Le asiƒoƒo megbe la, wohaya Yoxebet be wòana no eya ŋutɔ via le fiaƒomea ƒe takpɔkpɔ te.—\nLe nyateƒe me la, fiavinyɔnua ƒe nublanuikpɔkpɔa to vovo kura tso fofoa ƒe ŋutasesẽa gbɔ. Menye ɖee menya nu tso ɖevia ŋu alo ɖe woble enu o. Dɔmetɔtrɔ vavãe ʋãe be wòxɔe nyi, eye eƒe lɔlɔ̃ be Hebri-nyɔnu nana noe la ɖee fia be melɔ̃ ɖe fofoa ƒe nugbeɖoɖoa dzi o.\nEnyinyi Kple Sukudede\nYoxebet \"xɔ ɖevi la, eye wòna noe. Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe vɛ na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae.\" (Mose II, 2:9, 10) Biblia megblɔ ƒe alesinu Mose tsɔ nɔ edzila ŋutɔŋutɔwo gbɔe o. Ame aɖewo bui be anye vaseɖe esime wòtso no ya teti—anɔ ƒe eve alo etɔ̃—gake anya adidi wu ema. Ðeko Mose ƒe Agbalẽ Evelia gblɔ kpuie ko be 'etsi' le dzilawo gbɔ, si ate ŋu afia ƒe ɖesiaɖe. Aleke kee wòɖale o, ɖikeke mele eme o be Amram kple Yoxebet zã ɣeyiɣia tsɔ na wo via nya be Hebri-vie wònye hefia nui ku ɖe Yehowa ŋu. Nenye be xɔse kple nudzɔdzɔewɔwɔ si woƒã ɖe Mose me la li ke tututu la, ɣeyiɣiwo koe ava yi hafi míanya.\nEsi wotrɔ Mose yi na Farao vinyɔnua la, 'wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katãe.' (Dɔwɔwɔwo 7:22) Ema ate ŋu afia hehe si ŋu wotrɔ asi le be Mose nasu te na dziɖuɖudɔ wɔwɔ. Nusiwo Egiptetɔwo srɔ̃na la lɔ akɔntabubu, fliwo kple dzogoewo ŋuti kɔntabubu, xɔtuɖaŋu, kpakple aɖaŋudɔ bubuwo kple dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe eme. Ðewohĩ fiaƒomea adi be wòasrɔ̃ nu tso Egiptetɔwo ƒe subɔsubɔwo ŋu.\nAnɔ eme be Mose kple fiaƒomea me vi bubuwoe wofia nu tɔxɛ siawoe. Amesiwo kpɔ gome le ame ŋkutawo ƒe nusɔsrɔ̃ siawo ƒomevi me la nye \"duta dziɖulawo ƒe vi siwo woɖo ɖa alo lé aboyoe kplɔ yi Egipte be 'woƒe ŋku naʋu' emegbe woatrɔ adzo aɖanye Farao teƒenɔla le wo de.\" (The Reign of Thutmose IV, si Betsy M. Bryan ŋlɔ) Ðeviwo Dzikpɔƒe siwo le fiasãwo me anya nye teƒe siwo wonaa hehe ɖeviwo le wotsina va nyea ʋɔnudrɔ̃ƒe dɔwɔlawo. * Egiptetɔwo ƒe Titina kple Fiaɖuƒe Yeye ɣeyiɣiwo me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be bubuŋkɔ si nye \"Fiasã me Sukuvi\" kpɔtɔ nɔ Farao ŋu mewo kple dziɖuɖumegã deŋgɔ geɖewo ŋu le woƒe tsitsime gɔ̃ hã.\nFiasã me gbenɔnɔ ado Mose akpɔ. Atsɔ kesinɔnuwo, agbeɖunuwo, kple ŋusẽ aɖo eŋkume. Afɔ agbenyuinɔnɔ ƒe afɔkuwo hã ɖe te. Aleke Mose awɔ nu ɖe wo ŋui? Afikae wòada eƒe nuteƒewɔwɔ ɖo? Ðe wònye Yehowa subɔla, Hebritɔ siwo wote ɖe anyi la nɔvi tututua, alo ɖee wòtiae be yeati nusiwo trɔ̃subɔdukɔ Egipte ate ŋu anae la yomea?\nNyametsotso Vevi aɖe Wɔwɔ\nEsi Mose xɔ ƒe 40, si nye ɣeyiɣi si wòate ŋu azu Egiptetɔ keŋkeŋ la, 'eyi be yeaɖakpɔ dɔ sesẽ si wɔm ye nɔviwo le ɖa.' Afɔ si wòɖe le eyome ɖee fia be menye ɖeko wòdi be yeanya ko o; edi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Esi wòkpɔ Egiptetɔ aɖe nɔ Hebri-vi aɖe ƒom la, exɔ nɛ hewu ameteɖeanyila la. Nuwɔna ma ɖee fia be Mose ƒe dzi nɔ nɔviawo ŋu. Anɔ eme be amesi ku la nye dɔnunɔla, si wòwu esi wònɔ eƒe dɔwo wɔm. Le Egiptetɔwo gbɔ la, ele be Mose nawɔ nuteƒe na Farao le nusianu me. Ke hã nusi ʋã Mose hãe nye lɔlɔ̃ si le esi na dzɔdzɔenyenye, si nye nɔnɔme si wògaɖe fia esime wòhe nya kple Hebritɔ aɖe si nɔ nɔvia ƒom madzemadzee le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Edzro Mose be yeaɖe Hebritɔawo tso kluvinyenye me, gake esi Farao se be egbe ye, hetee kpɔ be yeawui la, eva hiã be Mose nasi ayi Midian.—Mose II, 2:11-15; Dɔwɔwɔwo 7:23-29. *\nƔeyiɣi si Mose di be yeaɖe Mawu ƒe amewo la mesɔ kple Yehowa tɔ o. Ke hã eƒe nuwɔnaa ɖe xɔse fia. Hebritɔwo 11:24-26 gblɔ be: \"Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi vi aɖe ko me.\" Nukatae? 'Elabena ebu ŋukpe si wodo Kristo la kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.' Nyagbɔgblɔ tɔxɛ sia si wozã be \"Kristo la,\" si gɔmee nye \"amesiamina,\" sɔ na Mose le susua nu be eva xɔ dɔdasi tɔxɛ aɖe tso Yehowa gbɔ tẽ emegbe.\nBu eŋu kpɔ ko! Wonyi Mose le mɔ aɖe si Egiptetɔ ame ŋkutawo koe wòle be woanyi nenema la nu. Ðoƒe si nɔ esi la ana wòakpɔ dɔ nyui aɖe kple dzidzɔdonamenu ɖesiaɖe si ŋu ame ate ŋu abu, ke hã egbe wo katã. Mete ŋu tsaka agbenɔnɔ le Farao, ameteɖeanyila la, ƒe fiasã me kple lɔlɔ̃ na Yehowa kple na dzɔdzɔenyenye o. Ŋugbe siwo Mawu do na tɔgbuiawo, Abraham, Isak, kple Yakob la nyanya kple ŋugbledede le wo ŋu kpe ɖe Mose ŋu wòtia be yeadze Mawu ŋu. Esia wɔe be Yehowa te ŋu zã Mose le akpa si le vevie wu me tsɔ na Eƒe tameɖoɖowo va eme.\nMí katã míedzea ŋgɔ nusiwo le vevie wu ƒe tiatiawo w��wɔ. Ðewohĩ èdze ŋgɔ nyametsotso sesẽ aɖe wɔwɔ abe Mose ene. Ðe wòle be nàɖe asi le nuwɔna alo viɖenu aɖewo ŋu, metsɔ le nusiwo wòabia me oa? Ne tiatia ma wɔwɔe dze ŋgɔ wò la, ɖo ŋku edzi be Mose bu Yehowa ƒe xɔlɔ̃nyenye nu xɔasii wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye meva vee o.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n[Aɖaka si le axa 11]\nNonana Vi ƒe Ðoɖowo\nLe dzɔdzɔmenu la, vidadawoe naa no woa ŋutɔwo ƒe viwo. Gake agbalẽnyala Brevard Childs gblɔ le Journal of Biblical Literature me be, \"le go aɖewo me la, [Ɣedzeƒe Nutome] ame ŋkutawo ƒe ƒomewo dometɔ aɖewo hayaa ame bubu be woana no yewo viwo. Wowɔa nusia hã ne vidadaa ŋutɔ mate ŋu ana no via o alo ne womenya vidadaa o. Nonalaa xɔa ɖevia dzikpɔkpɔ kple nonanae ƒe agbanɔamedzi vaseɖe esime ɣeyiɣi si woɖo ɖi la nade.\" Blema Ɣedzeƒe Nutometɔwo ƒe blemagbalẽ geɖe siwo dzi nonana vi ƒe ɖoɖowo le la li vaseɖe fifi. Nuŋlɔɖi siawo ɖo kpe nuwɔna si bɔ ɖe Egipte, tso Sumeriatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me va ɖo Helatɔwo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu, la dzi. Nusiwo nɔa agbalẽ siawo dzi zi geɖee nye amesiwo wòlɔ ɖe eme la ŋuti nyawo, ɣeyiɣi didime si ɖoɖoa axɔ, ɖoɖo siwo nu woawɔ dɔa ɖo, nuɖuɖu si wodi be vidzikpɔlaa nana ɖevia, fe si woaxe ne ame aɖe da le ɖoɖoa dzi, fetu si woaxe, kple alesi woaxe feae. Childs ɖe eme be, zi geɖe la, \"nonana vi xɔa ƒe eve alo etɔ̃. Noa nala la nyia ɖevia le eya ŋutɔ ƒeme, gake ɣeaɖewoɣi la, wobiana tsoa esi be wòatsɔ ɖevia ayi na edzilawo be wòakpɔe ɖa.\"\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]\nAnyikpememe le Egipte metrɔ tso alesi wònɔ le Mose ŋɔli gbɔ boo o, abe alesi blema nutatawo ɖee fia ene\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nAbove: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.; below: Erich Lessing\/Art Resource, NY","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020615\/Nane-Si-wu-Egiptet%C9%94wo-%C6%91e-Kesin%C9%94nuwo\/","date":"2024-04-21T11:40:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817765.59\/warc\/CC-MAIN-20240421101951-20240421131951-00834.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991996884,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991996884346008}","num_words":1982,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"10 Eye Samuel tsɔ amigoe la hekɔ ami ɖe tame na Saul.+ Egbugbɔ nu nɛ gblɔ be: \"Ðe Yehowa mesi ami na wò be nànye kplɔla+ ɖe eƒe domenyinu dzi oa?+ 2 Ne èdzo le gbɔnye egbea yina la, àkpɔ ŋutsu eve le Rahel+ ƒe yɔdo gbɔ le Benyamin-nuto la me le Zelza, eye woagblɔ na wò be: 'Wokpɔ tedzi siwo di ge nèyi la, ke azɔ fofowò ɖe asi le tedziawo+ ƒe nya ŋu, eye wòtsi dzi ɖe ŋuwò le gbɔgblɔm be: \"Nu kae mawɔ le vinye la ŋu?\"' 3 Yi azɔlia dzi tso afi ma va ɖo Tabor ƒe ati gã la gbɔ, eye àdo go ŋutsu etɔ̃ siwo yina Mawu vavã la gbɔ le Betel,+ ɖeka tsɔ gbɔ̃vi etɔ̃, ɖeka tsɔ abolo etɔ̃, eye ɖeka tsɔ wainze gã ɖeka. 4 Woabia wò agbe ta se, eye woana abolo eve wò; xɔ aboloawo. 5 Ema megbe àva Mawu vavã la ƒe togbɛ la dzi, afi si Filistitɔwo ƒe asrafoha aɖe le. Ne èva ɖo dua me la, àdo go nyagblɔɖilawo ƒe ha aɖe siwo ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna, eye kasaŋku, axatsɛ, dze kple saŋku anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo anɔ nya gblɔm ɖi. 6 Yehowa ƒe gbɔgbɔ ava dziwò,+ eye àgblɔ nya ɖi kpe ɖe wo ŋu, eye àtrɔ azu ame bubu sãa.+ 7 Ne dzesi siawo va eme la, ekema wɔ nu sia nu si wò asi ate ŋui, elabena Mawu vavã la li kpli wò. 8 Eye nàdze ŋgɔnye ayi Gilgal,+ mava gbɔwò ava sa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo. Nàlala ŋkeke adre va se ɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nu si nàwɔ la na wò.\" 9 Eye esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ ko la, Mawu trɔ eƒe dzi bubui, eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe. 10 Eye wodzo le afi ma yi togbɛ la dzi, eye nyagblɔɖilawo ƒe ha aɖe va do goe. Enumake Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,+ eye wòde asi nyagbɔgblɔɖi+ me le wo dome. 11 Eye esi ame siwo katã nyae tsã la kpɔe be ele nya gblɔm ɖi kpe ɖe nyagblɔɖilawo ŋu la, wobia wo nɔewo be: \"Nu kae le Kis vi la wɔm? Ãa, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?\" 12 Eye ame aɖe bia be: \"Ame kae nye wo fofo?\" Esia tae wòzu lodonya wogblɔna be: \"Ãa, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?\"+ 13 Esi wòwu nyagbɔgblɔɖia nu la, eyi togbɛ la dzi. 14 Emegbe Saul fofo nɔviŋutsu bia eya kple eƒe subɔvi la be: \"Afi kae mieyi?\" Eɖo eŋu be: \"Tedziawo+ di gee míetso, eye míenɔ wo didi dzi, ke esi míekpɔ wo o la, míeyi Samuel gbɔ.\" 15 Eye Saul fofo nɔviŋutsua bia be: \"Meɖe kuku, gblɔe nam: nya kae Samuel gblɔ na mi?\" 16 Saul ɖo eŋu na fofoa nɔviŋutsu la be: \"Egblɔ na mí be woke ɖe tedziawo ŋu xoxo.\" Ke Saul megblɔ fiaɖuɖu ŋu nya si Samuel gblɔ la ya nɛ o. 17 Eye Samuel yɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa,+ 18 eye wògblɔ na Israel-viwo be: \"Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: 'Nyee kplɔ Israel dzoe le Egipte, eye meɖe mi tso Egipte+ si me kple fiaɖuƒe siwo katã nɔ mia tem ɖe anyi la si me. 19 Ke miawo miegbe mia Mawu,+ ame si ɖe mi tso vɔ̃ siwo tu mi kple miaƒe xaxawo katã me la egbea, eye miegblɔ be: \"Gbeɖe, ke boŋ ɖo fia ɖe mía nu.\" Eya ta mitɔ ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe toawo kple miaƒe ame akpeakpeawo nu.'\"* 20 Eya ta Samuel na Israel-toawo katã te va,+ eye wotia Benyamin-to la.+ 21 Emegbe wòna Benyamin-to la ƒe ƒomeawo te va, eye wotia Matri viwo ƒe ƒome la. Mlɔeba wotia Saul,+ Kis vi. Ke esi wodii la, womekpɔe o. 22 Eya ta wobia gbe Yehowa+ be: \"Ðe ŋutsu la hã va afi sia?\" Yehowa ɖo eŋu be: \"Eyae nye esi be ɖe agbawo dome.\" 23 Eya ta woƒu du yi ɖahee tso afi ma vɛ. Esi wòva tɔ ɖe dukɔa dome la, ekɔ ale gbegbe be ame bubuwo katã se abɔta nɛ.+ 24 Samuel gblɔ na dukɔ blibo la be: \"Miele ame si Yehowa tia la kpɔma?+ Ame aɖeke mede enu le dukɔ blibo la katã me o!\" Eye dukɔ blibo la de asi ɣlidodo me be: \"Fia nenɔ agbe tegbee!\" 25 Eye Samuel gblɔ nu si fia la abia tso wo si la na dukɔa,+ eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ me tsɔ da ɖe Yehowa ŋkume. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, eye ame sia ame dzo yi aƒe me. 26 Saul dzo yi eƒe me le Gibea, eye kalẽtɔ siwo ƒe dzi Yehowa ʋã la yi kplii. 27 Ke ŋutsu yakame aɖewo ya gblɔ be: \"Aleke ame sia awɔ aɖe mí?\"+ Eya ta wodo vloe, eye wometsɔ nunana aɖeke vɛ nɛ o.+ Ke ezi kpi, mede nu eme o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"miaƒe hlɔ̃wo nu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-samuel\/10\/","date":"2024-04-15T17:17:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817002.2\/warc\/CC-MAIN-20240415142720-20240415172720-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995604157,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995604157447815}","num_words":788,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"21 Ke esi míedzo le wo gbɔ mlɔeba eye míeɖo tɔdziʋua la, míezɔ mɔ tẽe va Kos; le ŋufɔke la, míeva ɖo Rodo, eye tso afi ma míeyi Patara. 2 Esi míekpɔ tɔdziʋu aɖe si yina Foinike la, míeɖoe, eye míeho. 3 Esi míeɖo afi si míenɔ Kipro ƒukpoa kpɔm le adzɔge ɖaa la, míeɖee ɖe megbe le miame, eye míeyi Siria heva ɖi go ɖe Tiro, afi si tɔdziʋua yina eƒe agbawo ɖe ge ɖo. 4 Míedi nusrɔ̃lawo hekpɔ wo, eye míenɔ afi ma ŋkeke adre. Ke wogblɔ na Paulo enuenu to gbɔgbɔ la dzi be wòagaɖo afɔ Yerusalem o.+ 5 Eya ta esi míaƒe ŋkekeawo de la, míedze mɔ, ke wo katã, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, ɖo mí ɖa va se ɖe keke dua godo ke. Míedze klo ɖe ƒua ta do gbe ɖa, 6 eye míeklã mía nɔewo. Azɔ míeɖo tɔdziʋua, eye woawo hã wotrɔ yi woƒe aƒewo me. 7 Ale míewu ƒudzimɔzɔzɔ si gɔme míedze tso Tiro la nu, eye míeva ɖo Ptolemai, eye míeyi ɖado gbe na nɔviawo henɔ wo gbɔ ŋkeke ɖeka. 8 Le ŋufɔke la, míeva ɖo Kaisarea, eye míeyi ɖadze nyanyuigblɔla Filipo, si nye ame adreawo+ dometɔ ɖeka, ƒe aƒe me. 9 Vinyɔnu ene siwo nye ɖetugbui leaƒewo* le ŋutsu sia si, siwo gblɔa nya ɖi.+ 10 Ke esi míenɔ afi ma ŋkeke geɖe la, nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Agabo+ la tso Yudea va. 11 Eye wòva mía gbɔ hetsɔ Paulo ƒe alidziblanu bla eya ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo hegblɔ be: \"Ale gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nye esi, 'Aleae Yudatɔwo abla ŋutsu si tɔ alidziblanu sia nye la le Yerusalem,+ eye woatsɔe ade asi na dukɔwo me tɔwo.' \"+ 12 Esi míese nya sia la, míawo kple ame siwo nɔ afi ma míeɖe kuku nɛ vevie be wòagayi Yerusalem o. 13 Ke Paulo ɖo eŋu be: \"Nu kae nye esi wɔm miele le avi fam be miagblẽ tame si meɖo kplikpaa la me?* Migavɔ̃ o, mele klalo, menye be woablam ɖeɖe ko o, ke be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta hã.\"+ 14 Esi melɔ̃ be woaƒoe ɖe ye nu o ta la, míedzudzɔ fuɖeɖe nɛ* hegblɔ be: \"Yehowa* ƒe lɔlɔ̃nu neva eme.\" 15 Ke le ŋkeke siawo megbe la, míedzra ɖo na mɔa zɔzɔ, eye míedze mɔ ɖo ta Yerusalem. 16 Nusrɔ̃la aɖewo hã tso Kaisarea yi kpli mí, be woakplɔ mí ayi ame si ƒe aƒe me míadze la gbɔ, si ŋkɔe nye Mnason si tso Kipro, eye wònye nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka. 17 Esi míeɖo Yerusalem la, nɔviawo xɔ mí kple dzidzɔ. 18 Le ŋufɔke la, Paulo zɔ kpli mí yi Yakobo+ gbɔ, eye hamemetsitsiawo katã hã nɔ afi ma. 19 Eye wòdo gbe na wo hede asi nu siwo Mawu wɔ le dukɔwo dome to eƒe subɔsubɔdɔa dzi la ŋuti nyawo gbɔgblɔ me na wo tsitotsito. 20 Esi wose esia la, wokafu Mawu, gake wogblɔ nɛ be: \"Nɔvi, èkpɔe be xɔsetɔ akpe geɖe le Yudatɔwo dome, eye wo katã woku ɖe Se la ŋu goŋgoŋ.+ 21 Ke wose le ŋutiwò be, èle nu fiam Yudatɔ siwo le dukɔwo dome la be woagbe nu le Mose ƒe se la gbɔ, eye nèle gbɔgblɔm na wo be, woagatso aʋa na wo viwo alo azɔ le kɔawo nu o.+ 22 Ke nu kae míawɔ le nya sia ŋu? Woasee godoo be èva. 23 Eya ta wɔ nu sia, si míagblɔ na wò: Ŋutsu ene le mía dome, siwo ɖe adzɔgbe aɖe. 24 Kplɔ ame siawo ne wò kpli wo miayi aɖakɔ mia ɖokuiwo ŋu le kɔa nu, eye nàxe woƒe nugblẽfewo, ne woalũ ta na wo. Ekema ame sia ame anyae be nya siwo wogblɔ na wo tso ŋuwò la dometɔ aɖeke mele eme o, ke boŋ be èle zɔzɔm ɖe ɖoɖo la nu, eye be èléa Se la hã me ɖe asi.+ 25 Ke le xɔsetɔ siwo le dukɔwo me gome la, míeŋlɔ nyametsotso si míewɔ heɖoe ɖe wo be, woate wo ɖokuiwo ɖa tso nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo,+ kple ʋu+ kple lã tsiʋumewo*+ kpakple gbɔdɔdɔ manɔsenu*+ ŋu.\" 26 Ale esi ŋu ke la, Paulo kplɔ ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye eya kpli wo wokɔ wo ɖokuiwo ŋu le kɔa nu,+ eye wòyi gbedoxɔa me, be yeana woanya ŋkeke siwo ŋutikɔkɔ le kɔa nu axɔ, ne woana vɔsanu ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta. 27 Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adreawo nawu enu la, Yudatɔ siwo tso Asia la kpɔe le gbedoxɔa me, eye wode zi ameha blibo la me, eye wolée 28 hele ɣli dom be: \"Israel ŋutsuwo, mixɔ na mí loo! Ŋutsu si le nu fiam ame sia ame le afi sia afi be woatsi tre ɖe míaƒe dukɔ la kple míaƒe Se la kpakple teƒe sia ŋu lae nye esia. Gawu la, ekplɔ Helatɔwo gɔ̃ hã va gbedoxɔa me heƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.\"+ 29 Elabena wokpɔ eya kple Trofimo,+ Efesotɔ la, le dua me va yi, eye wosusu be Paulo kplɔe va gbedoxɔa me. 30 Eye du blibo la katã tɔ zi, eye amewo ƒu du va lé Paulo hee do goe le gbedoxɔa me, eye wotu ʋɔtruawo enumake. 31 Esi wole agbagba dzem be yewoawui la, nya la ɖo asrafoha la ƒe amegã gbɔ be, Yerusalem dua tɔ zi; 32 eye enumake wòkplɔ asrafowo kple asrafomegãwo, eye woƒu du yi wo gbɔ. Esi wokpɔ aʋafiagã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. 33 Eye aʋafiagã la te ɖe wo ŋu, eye wòlée heɖe gbe be woatsɔ kɔsɔkɔsɔ eve ablae;+ eye wòbia ame si wònye kple nu si wòwɔ. 34 Gake ameha la me tɔ aɖewo te ɣlidodo be ale, bubuwo hã be ale. Esi mete ŋu nya nu si koŋ dzɔ o le zitɔtɔa ta la, eɖe gbe be woakplɔe ava asrafowo nɔƒe la. 35 Ke esi wòɖo atrakpuiawo dzi la, nɔnɔmea va bia be asrafoawo nakɔe, le esi ameha la nɔ nyanyram adãtɔe ta, 36 elabena ameha la me tɔ gbogboawo kplɔ wo ɖo le ɣli dom be: \"Miwui!\" 37 Esi wòsusɔ vie woakplɔ Paulo aɖo asrafowo nɔƒea la, egblɔ na aʋafiagã la be: \"Mɔɖeɖe li be magblɔ nya aɖe na wòa?\" Ebiae be: \"Èse Helagbea? 38 Ke menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me ɣeaɖeɣi, ame si kplɔ hlɔ̃dola akpe ene yi gbedzi la oa?\" 39 Eye Paulo ɖo eŋu be: \"Le nyateƒe me la, Yudatɔe+ menye tso Tarso+ le Kilikia; du xɔŋkɔ aɖe mee metso. Eya ta meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameawo.\" 40 Esi wòɖe mɔ na Paulo la, etsi tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòwɔ asi na ameawo. Esi ɖoɖoe zi toŋtoŋ la, eƒo nu na wo le Hebrigbe+ me be:\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Womeɖe srɔ̃ o.\n^ Alo, \"be miagbã dzi nam.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"míezi ɖoɖoe.\"\n^ Alo, \"lã si wowu evɔ womeɖuɖu ʋu le lãme nɛ o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/21\/","date":"2024-04-21T03:44:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817699.6\/warc\/CC-MAIN-20240421005612-20240421035612-00678.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991102219,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999110221862793}","num_words":1093,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu\n▪ Spain dziɖuɖua ɖoe be woanɔ adzɔ siwo dumeviwo xe la ƒe akpa 1 le 100 me, ƒe afã tsɔm na dɔmenyo habɔbɔwo loo alo Katoliko habɔbɔwo, gake adzɔa xelawo ŋutɔe atia habɔbɔ si woatsɔe na. Togbɔ be Spaintɔ 80 le alafa me gblɔna be Katolikotɔwoe yewonye hã la, wo dometɔ 20 le alafa me koe tiae be woaɖo gaa ɖe Katoliko habɔbɔwo.—EL PAÍS, SPAIN.\n▪ Amewo ƒe agbenɔƒe ŋuti kɔntabubu si Akɔntabuhabɔbɔ aɖe wɔ ɖee fia be \"amesi xɔ ƒe 30 eye wònoa atama la aku do ŋgɔ na amesiwo menonɛ o; ne ŋutsue wònye la, aku ƒe atɔ̃ kple afã do ŋgɔ, eye ne nyɔnue wònye la, aku ƒe ade kple afã do ŋgɔ.\" Gake ɖewohĩ amesi dzudzɔ atama nono esime wòxɔ ƒe 30 la maku le dɔléle si atamanono hena vɛ ta o.—THE TIMES, ENGLAND.\n▪ Le ƒe 2004 me la, mɔ̃memi si wozã le xexeame gbesiagbe ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso gago gã miliɔn 79, akpe 700 kloe va ɖo miliɔn 82, akpe 400. Mɔ̃memi agbɔsɔsɔme si Amerika kple China tɔwo zã la gbɔe dzidziɖedzi sia ƒe afã kloe tso, eye fifia Amerikatɔwo zãna mɔ̃memi gago gã miliɔn 20, akpe 500, eye Chinatɔwo zãna gago gã miliɔn 6, akpe 600 gbesiagbe.—VITAL SIGNS 2005, WORLDWATCH INSTITUTE.—g2\/06.\n\"Kpɔ Ŋudzedze ɖe Dɔ si Dawò Wɔna Ŋu\"\nAmesiwo léa ŋku ɖe dɔwɔnyawo ŋu bu akɔta be, ne ɖe woaxe fe na Canada vidada si medea dɔme o, siwo si sukuvi eve le, ɖe dɔ siwo katã wòwɔna ta la, ga si wòakpɔ ƒe sia ƒe anye Canada dɔlar 163,852. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Vancouver Sun gblɔ be ga si woaxe na ame akpa gãtɔ ɖe \"gaƒoƒo 100 ƒe dɔwɔwɔ le kwasiɖa me, si nye dɔ wɔwɔ gaƒoƒo 15 hena ŋkeke ade kple gaƒoƒo 10 le ŋkeke adrelia dzi,\" dzie wonɔ te ɖo bu ga sia. Dɔ si vidada siawo wɔna la dometɔ aɖewoe nye ɖeviwo dzi kpɔkpɔ, nu fiafia, ʋu kuku, nu ɖaɖa, dɔnɔ dzi kpɔkpɔ, kple aƒeme dzadzra ɖo. Nyadzɔdzɔgbalẽa ɖo aɖaŋu be: \"Kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ siwo dawò wɔna ŋu: Ðewohĩ ewɔa dɔ wu alesi nèbui.\"—g2\/06.\nSɔhɛwo ƒe Tiatia Siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu\nJyväskylä Yunivɛsiti si le Finland ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be Finlandtɔ siwo nye sɔhɛwo dometɔ geɖe va le \"alesi wòdze be ame nanɔ agbee la ɖom na wo ɖokui.\" Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be nusi bɔ egbea enye be \"amewo tiana nusi wokpɔ be esɔ la tsoa teƒe vovovowo abe ɖe wole nu ƒlem le asime ene.\" Woƒe tiatiawo tsia tre ɖe wo nɔewo nu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖewo xɔe se be ele vevie be woama dukɔa ƒe kesinɔnuwo sɔsɔe; gake le ɣeyiɣi ma ke me la, \"wova le ebum hã be ele be yewoaʋli ho vevie be nusi dim yewole nasu yewo si, ne ahiã akpasesẽnuwɔwɔ kura gɔ̃ hã.\"—g2\/06.\nKluvinyenye si Li Egbea\nDukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ ƒe numekuku aɖe gblɔ be: \"Le Xexeame katã la, wozi ame miliɔn 12, akpe 300, ya teti dzi be woawɔ dɔ si womedi o.\" Wosusu be amesiawo dometɔ miliɔn 2, akpe 400, nye amesiwo wodzra wozu kluviwo. Dɔ siwo wozina ɖe wo dzi dometɔ aɖewo nye gbolowɔwɔ, asrafodɔwo, kple awɔbadɔ siwo ta woxea fe sue aɖe alo ɖeke kura o ɖo, le esi wònye fea aɖe nue wole dɔa wɔm ɖo ta. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ sia ƒe dɔdzikpɔlagã Juan Somavia gblɔ be dɔwɔwɔ alea \"nye ame ƒe gomenɔamesi xɔxɔ le esi kple bubu mademade eŋu.\"—g3\/06.\nAmewo ƒe Nɔnɔme ɖe Kesinɔnuwo Kpɔkpɔ Ŋu\nABC News Online ka nya ta be, numekuku aɖe si Australiatɔwo ƒe numekuhabɔbɔ aɖe wɔ tso amewo ƒe nɔnɔme ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋu ɖee fia be ne wotsɔ Australiatɔwo ƒe kesinɔtɔ gãtɔwo dometɔ 20 la, ame 1 koe buna be nu dze edzi na ye le agbe me. Numekuhabɔbɔa dzi kpɔla Clive Hamilton gblɔ be: \"Zi alesi ame ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe edzi la, zi nenemae nusiwo wòkpɔna megava dzea eŋu o.\" Le nyateƒe me la, hotsuitɔ gãtɔwo dometɔ 13 le alafa me koe sena le wo ɖokui me be nu dze edzi na yewo le agbe me. Hamilton gblɔ kpee be: \"Esɔ be woabia nusitae wònye be amewo tia ga yome vevie wu nusianu, evɔ wòdze ƒã be nu bubuwoe nana ame kpɔa dzidzeme ŋutɔŋutɔ le agbe me hafi.—g4\/06.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200604\/%C5%8Akul%C3%A9le-%C3%90e-Xexeame-%C5%8Au\/","date":"2024-04-16T10:27:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817081.52\/warc\/CC-MAIN-20240416093441-20240416123441-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986546636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986546635627747}","num_words":690,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8 Le ƒe blaeve siwo Salomo tsɔ tu Yehowa ƒe xɔ kple eya ŋutɔ ƒe xɔ*+ la ƒe nuwuwu la, 2 Salomo gbugbɔ du siwo Hiram+ tsɔ nɛ la tso, eye wòna Israel-viwo va nɔ afi ma. 3 Azɔ hã, Salomo ho yi ɖaxɔ Hamat-Zoba. 4 Eye wòkeke* Tadmor si le gbedzi kple nudzraɖoƒedu+ siwo katã wòtso ɖe Hamat+ tsã la ɖe enu. 5 Ekeke Dzigbe Bet-Horon+ kple Anyigbe Bet-Horon,+ siwo nye du sesẽ siwo ŋu gli, agbo kple gameti le, 6 kple Baalat+ kpakple Salomo ƒe nudzraɖoƒeduwo katã, tasiaɖamduwo+ katã kple sɔdolawo ƒe duwo hekpe ɖe nu siwo dzro Salomo wòdi be yeatu ɖe Yerusalem kple Lebanon kpakple anyigba blibo si dzi wòɖu la dzi la ɖe enu. 7 Ke ame siwo katã kpɔtɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ dome, siwo menye Israel-viwo+ o la, 8 ƒe dzidzimevi siwo kpɔtɔ ɖe anyigbaa dzi, siwo Israel-viwo metsrɔ̃ o+ la, Salomo na wowɔ kluvidɔ va se ɖe egbe sia.+ 9 Ke Salomo mewɔ Israel-vi aɖeke kluvii le eƒe dɔ la wɔwɔ me o,+ elabena woawoe nye aʋawɔlawo kple eƒe asrafomegãwo ƒe tatɔwo kpakple eƒe tasiaɖamdolawo kple eƒe sɔdolawo ƒe tatɔwo.+ 10 Dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃ ye le Fia Salomo si, eye woawoe le dɔa wɔlawo nu.+ 11 Salomo kplɔ Farao vinyɔnu+ la tso David Ƒe Du la me va xɔ si wòtu nɛ la me,+ elabena egblɔ be: \"Togbɔ be srɔ̃nyee wònye hã la, mele be wòanɔ Israel-fia David ƒe aƒe la me o, elabena teƒe siwo Yehowa ƒe Aɖaka la va la, le kɔkɔe.\"+ 12 Ɣemaɣie Salomo sa numevɔwo+ na Yehowa ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui+ si wòɖi ɖe akpata+ la ŋgɔ la dzi. 13 Esa vɔa le gbe sia gbe ƒe ɖoɖo si Mose ƒe se la bia ku ɖe Sabatwo,+ dzinu yeyewo+ kple ŋkekenyui ɖoɖi siwo woɖuna zi etɔ̃ le ƒea me+ ŋu la nu, le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui,+ Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui+ kple Agbadɔŋkekenyui+ la dzi. 14 Azɔ hã, eɖo nunɔlawo ƒe hatsotsowo+ woƒe dɔwo nu abe ale si fofoa David ɖoe ene, eɖo Lewi viwo woƒe dɔwo wɔƒe be woakafu+ Mawu eye woasubɔ le nunɔlawo ŋkume le gbe sia gbe ƒe ɖoɖo la nu, eye wòɖo agbonudzɔlawo ɖe agbo vovovoawo nu+ le woƒe hatsotsowo me, elabena alea Mawu vavã la ƒe ame David de see. 15 Wometrɔ ɖa le fia la ƒe se si wòde na nunɔlawo kple Lewi viwo le nya sia nya kple nudzraɖoƒeawo ŋu la ŋuti o. 16 Wowɔ ɖoɖo ɖe Salomo ƒe dɔ blibo la ŋu nyuie tso gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi+ va se ɖe gbe si gbe wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe xɔ la nu keŋkeŋ.+ 17 Ɣemaɣie Salomo yi Ezion-Geber+ kple Elot+ le atsiaƒu la nu le Edom-nyigba dzi.+ 18 Eye Hiram+ tsɔ tɔdziʋuwo de eƒe subɔviwo si ɖo ɖee. Ame siawo kpe ɖe Salomo ƒe subɔviwo ŋu yi Ofir+ ɖatsɔ sika+ talento* alafa ene blaatɔ̃ vɛ na Fia Salomo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"fiasã.\"\n^ Alo, \"wògbugbɔ tso.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/8\/","date":"2024-04-20T08:19:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817491.77\/warc\/CC-MAIN-20240420060257-20240420090257-00312.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984839559,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984839558601379}","num_words":476,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.294,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 Le Fia Yeroboam ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiya zu fia le Yuda.+ 2 Eɖu fia le Yerusalem ƒe etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Mikaya,+ eye wònye Uriel si tso Gibea+ ƒe vinyɔnu. Eye aʋa dzɔ ɖe Abiya kple Yeroboam+ dome. 3 Abiya tsɔ aʋakɔ si me aʋawɔla bibi* akpe alafa ene le la wɔ aʋa la.+ Eye Yeroboam hã tsɔ aʋawɔla bibi* akpe alafa enyi kpe aʋa kplii. 4 Eye Abiya tɔ ɖe Zemarayim To, si le Efrayim tonutoa me la dzi, eye wògblɔ be: \"Oo Yeroboam kple Israel blibo la, miɖo tom. 5 Ðe mienyae be Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋutɔe to dzenubabla*+ dzi tsɔ fiaɖuƒe na David kple viawo+ ɖe Israel dzi tegbee+ oa? 6 Ke Yeroboam,+ Nebat vi, si nye David vi Salomo ƒe dɔla, tso hedze aglã ɖe eƒe aƒetɔ ŋu.+ 7 Eye yakamewo kple ame ɖigbɔwo va wɔ ɖeka kplii. Wodze aglã ɖe Salomo vi Rehabeam ŋu esime Rehabeam nye ɖekakpui, eye dzi menɔ eƒo o, ale be mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. 8 \"Azɔ la, miele susum be yewoate ŋu anɔ te ɖe Yehowa ƒe fiaɖuƒe si le David viwo si me la nu, le esi mienye ameha gã aɖe, eye sikanyivi siwo Yeroboam wɔ wonye mawuwo na mi la le mia gbɔ ta.+ 9 Alo menye miawoe nya Yehowa ƒe nunɔlawo,+ Aron ƒe dzidzimeviwo, kple Lewi viwo, eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokuiwo abe anyigbadzidukɔ bubuwo ene oa?+ Ame sia ame si tsɔ nyitsui ɖeka kple agbo adre vɛ la, tea ŋu zua nu siwo menye mawuwo o la ƒe nunɔla. 10 Ke míawo ya la, Yehowae nye mía Mawu,+ eye míegblẽe ɖi o; ke boŋ nunɔla siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwoe wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye Lewi viwo kpena ɖe wo ŋu. 11 Wotsɔa numevɔsawo kple atike ʋeʋĩ+ doa dzudzɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ,+ eye woɖoa aboloawo ɖe wo nɔewo dzi*+ le kplɔ̃ si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ la dzi, eye wosia sikakaɖiti+ la ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ,+ elabena míewɔa dɔ si Yehowa mía Mawu la ɖo na mí; gake miawo ya miegblẽe ɖi. 12 Eye kpɔ ɖa! Mawu vavã la li kpli mí, eye wònye mía kplɔla, eƒe nunɔla siwo si aʋakpẽwo le be woaku ɖe mia ŋu hã le mía gbɔ. Oo Israel-viwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la o, elabena madze edzi na mi o.\"+ 13 Ke Yeroboam dɔ amewo ɖa, ne woayi aɖade xa ɖe wo megbe, ale be eƒe aʋakɔ la dze ŋgɔ Yuda, eye xadelawo nɔ wo megbe. 14 Esi Yuda ŋutsuwo trɔ la, wokpɔ be wodze aʋa ɖe yewo ŋu le ŋgɔ kple megbe. Eye wote ɣlidodo na Yehowa,+ esime nunɔlawo le kpẽawo kum sesĩe. 15 Eye Yuda ŋutsuwo do aʋaɣli. Esi Yuda ŋutsuwo do aʋaɣlia la, Mawu vavã la si Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋgɔ. 16 Israel-viwo si le Yuda nu, eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda. 17 Ale Abiya kple eƒe aʋakɔ la wu wo dometɔ gbogbo aɖewo, eye Israel ƒe aʋawɔla bibi* akpe alafa atɔ̃ tsi aʋa. 18 Ale wobɔbɔ Israel-viwo ɖe anyi ɣemaɣi, Yuda-viwo kpe wo dzi, elabena woɖo ŋu ɖe* Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu.+ 19 Abiya ti Yeroboam yome, eye wòxɔ duwo le esi. Exɔ Betel+ kple eŋu duwo, Yesana kple eŋu duwo, kpakple Efrayin+ kple eŋu duwo. 20 Ŋusẽ megaɖo Yeroboam ŋu le Abiya ŋɔli o; eye Yehowa ƒoe ƒu anyi wòku.+ 21 Ke ŋusẽ ɖo Abiya ŋu eye wòli ke. Eɖe srɔ̃ wuiene,+ eye wòdzi ŋutsuvi blaeve vɔ eve kple nyɔnuvi wuiade. 22 Abiya ŋutinya susɔeawo kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nyawo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Ido+ ƒe nuŋlɔɖiwo* me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, nubabla si nɔa anyi ɖaa si metrɔna o.\n^ Efia, ŋkumeɖobolo.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"woziɔ ɖe.\"\n^ Alo, \"numekɔkɔwo; numeɖeɖewo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/13\/","date":"2024-04-20T08:30:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817491.77\/warc\/CC-MAIN-20240420060257-20240420090257-00348.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996254444,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996254444122314}","num_words":615,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Kae Nye Mawu?\nBiblia ɖo nyabiase sia ŋu kple kpeɖodzi sẽŋu atɔ̃ aɖewo.\nBiblia gblɔ be Mawue wɔ nuwo katã, gake ɖe wòtsɔa ɖe le eme na mía?\nÐe Biblia gblɔ be Mawu le afi sia afia? Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be teƒe aɖe koŋ ye wòle gake enya wò nyuie?\nNu kae Biblia gblɔ tso Mawu ƒe nɔƒe ŋu? Afi ma kee Yesu hã lea?\nÐe Biblia me nyawo tsi tre ɖe wo nɔewo esi wogblɔ le eƒe akpa aɖe be \"ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o,\" evɔ wogblɔ le akpa bubu \"wokpɔ Israel ƒe Mawu la\"?\nSubɔsubɔha geɖewo fiaa nu be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃ alo Trinita Kɔkɔe. Ðe Biblia da asi ɖe nufiafia sia dzia?\nÐe Biblia tsi tsitre ɖe eɖokui ŋu esi wògblɔ be Mawu gblɔ be, \"Nyemetrɔna o\" hegagblɔ be \"matrɔ susu\" siaa?\nEsɔ ŋutɔ be Biblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la be Mawu ƒe \"asibidɛwo.\"\nGod's Name\nMawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me. Ðe wòle be nànɔ eyɔma?\nYesu megblɔ kpɔ be yenye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o. Nu ka ta?\nDukɔ ɖeka aɖe abe Israel-viwo ene ƒe Mawu ko wònyea?\nAmewo asusu be ŋkɔ siwo le Mawu si la dometɔ aɖewoe nye 'Allah,' 'Alfa kple Omega,' 'El Shaddai,' kpakple 'Yehowa-Yire.' Ðe ŋkɔ si míeyɔna na Mawu la le veviea?\nMawu Ƒe Lɔlɔ̃nu\nÐe wòhiã be nàkpɔ dzesi tɔxɛ alo axɔ yɔyɔ tɔxɛ aɖe hafi anya tame si Mawu ɖo ɖe wò agbe ŋua? Kpɔ ale si Biblia ɖo eŋui ɖa.\nAme geɖewo xɔe se be dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe ale si nuwo va yina na mí le agbe me la dzi. Ðe tiatia siwo míewɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me dzia?\nNu adre siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye Mawu xɔlɔ̃.\nFukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o. Nu ka tae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nyabiase-siwo-ku-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2024-04-19T19:57:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817442.65\/warc\/CC-MAIN-20240419172411-20240419202411-00002.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9947999716,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9947999715805054}","num_words":325,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ewe Bible - New Testament\nTalking Bible\nYesu Kristo, si nye đela kple mawu vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi.\nTract\nDe nese nu le gbɔgbɔmese eneawo ŋu kpɔa?\nNew Testament 1\nNew Testament 2\nNew Testament 3\nGospel Recordings\nJesus Story 1\nJesus Story 2\nEwe\nEnglish\nAll\nOur Visitors","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-39","url":"http:\/\/gospelgo.com\/z\/EWE\/NT.htm","date":"2017-09-23T23:35:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-39\/segments\/1505818689806.55\/warc\/CC-MAIN-20170923231842-20170924011842-00625.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975144267,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975144267082214}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.107,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apostolo 12-awo se vivi na gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Galilea nuto bliboa me, eye wova gblɔ \"nu siwo katã wowɔ kple nu siwo wofia\" la na Yesu. Ðeɖi te wo ŋu, eye esia mewɔ nuku o. Womekpɔ vovo ne woaɖu nu gɔ̃ hã o, elabena ame gbogbo aɖewo le vavam gale dzodzom. Eya ta Yesu gblɔ be: \"Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.\"—Marko 6:30, 31.\nWoɖo tɔdziʋu aɖe, ɖewohĩ le teƒe si te ɖe Kapernaum ŋu, eye woɖo ta teƒe tsoabo aɖe le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe, le Betsaida godo. Gake ame geɖe kpɔ wo esime wonɔ dzodzom eye ame bubuwo hã see. Ame siawo katã ƒu du to ƒua ta, eye wotre ɖoɖo na tɔdziʋua.\nEsi Yesu do le tɔdziʋua me eye wòkpɔ amehaa la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla mele o ene. Eya ta ede \"asi nu geɖewo fiafia me wo\" tso Fiaɖuƒea ŋu. (Marko 6:34) Eda dɔ na \"dɔnɔwo\" hã. (Luka 9:11) Emegbe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: \"Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom; ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.\"—Mateo 14:15.\nYesu ɖo eŋu na wo be: \"Mehiã be woadzo o; miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.\" (Mateo 14:16) Togbɔ be Yesu nya nu si wòle wɔwɔ ge hã la, edo Filipo kpɔ esi wòbiae be: \"Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?\" Esɔ be wòbia nya sia Filipo, elabena Betsaida, si medidi tso afi ma o lae wòtso. Gake abolo ƒeƒle makpɔ kuxia gbɔ o. Ŋutsuawo ƒe xexlẽme ade 5,000. Eye ne woxlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo hã la, ɖewohĩ xexlẽmea anye ema ƒe teƒe eve! Filipo ɖo eŋu be: \"Abolo denario alafa eve gɔ̃ hã [denario ɖeka nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu] made wo nu be wo dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ vi aɖe aɖu o.\"—Yohanes 6:5-7.\nÐewohĩ esi Andrea di be yeaɖee afia be manya wɔ be yewoana nuɖuɖu wo katã o la, egblɔ be: \"Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?\"—Yohanes 6:9.\nƔemaɣi nye adame, eya ta gbe mumu geɖe nɔ togbɛawo dzi, eye wònye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia. Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na ameawo be woabɔbɔ nɔ gbea dzi le ƒuƒoƒowo me, ɖewo 50, ɖewo 100. Etsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo eye wòda akpe na Mawu. Azɔ eŋe aboloawo me eye wòma tɔmelãawo. Yesu tsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woama wo na ameawo. Nukutɔe la, wo katã woɖui ɖi ƒo!\nEmegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.\" (Yohanes 6:12) Kakɛ siwo nu woƒo ƒu la yɔ kusi 12 sɔŋ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/ts%C9%94-abolo-t%C9%94mel%C3%A3-nyi-akpewo\/","date":"2017-12-18T21:25:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948623785.97\/warc\/CC-MAIN-20171218200208-20171218222208-00249.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987441897,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987441897392273}","num_words":457,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yohanes ƒe awudodo kple eƒe dzedzeme na amewo kpɔe enumake be enye agbe tsɛ nɔla si tsɔ eɖokui na bliboe be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu\nMɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su Yohanes si be wònye ŋgɔdola na Yesu la ƒo nu sia nu si wòtsɔ sa vɔe la ta sãsãsã\nNe míenɔ agbe tsɛ la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me eye esia ahe dzidzeme geɖe vɛ na mí. Míate ŋu anɔ agbe tsɛ . . .\nne míedea dzesi míaƒe nuhiahiã veviwo ko\nne míetsoa gazazã siwo mehiã o la dzi\nne míewɔa ɖoɖo eye míeƒlea nu siwo nu míaƒe ga de la ko\nne míeɖea asi le nu siwo míegazãna o la ŋu\nne míexea fe siwo le mía ŋu\nne míeɖea dɔ siwo míewɔna dzi kpɔtɔ\nTaɖodzinu kae agbe tsɛ nɔnɔ akpe ɖe ŋunye be maɖo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan1-7\/dzi%C6%92ofia%C9%96u%C6%92e-la-gogo\/","date":"2017-12-16T22:18:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948589512.63\/warc\/CC-MAIN-20171216220904-20171217002904-00575.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9950544834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9950544834136963}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU YI MARTA KPLE MARIA ƑE ME\nGBEDODOÐA MADZUDZƆMADZUDZƆE LE VEVIE\nKɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Betania la le Amitoa ŋu le ɣedzeƒe gome, eye wòdidi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa etɔ̃ ene. (Yohanes 11:18) Yesu yi Marta kple Maria, siwo nye nɔviwo la, ƒe me le du ma me. Woawo kple wo nɔviŋutsu Lazaro wonye Yesu xɔlɔ̃wo, eye woxɔe nyuie.\nBubue wònye be Mesia la nadze wo gbɔ. Marta di vevie be yeawɔ amedzro na Yesu, eya ta ede asi nuɖaɖa me be yeaɖo kplɔ̃ kpeɖii aɖe nɛ. Esime Marta le dɔ dzi la, nɔvianyɔnu Maria ya bɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu hele to ɖomee. Emegbe Marta va gblɔ na Yesu be: \"Aƒetɔ, mètsɔ ɖeke le eme be nɔvinyea gblẽ dɔawo katã ɖe nye ɖeka dzinye oa? Gblɔe nɛ ne wòava kpe ɖe ŋunye.\"—Luka 10:40.\nYesu mehe nya ɖe Maria ŋu o, ke boŋ exlɔ̃ nu Marta ku ɖe ale si wòtsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu akpa ta hegblɔ be: \"Marta, Marta, ètsi dzimaɖi hele fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. Ke hã nu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko. Maria ya tia nyuia gome, eye womele exɔ ge le esi o.\" (Luka 10:41, 42) Ɛ̃, Yesu le gbɔgblɔm be mehiã be woazã ɣeyiɣi geɖe ɖe nu vovovowo ɖaɖa ŋu o. Nuɖuɖu ale si nu asu la koe hiã.\nSusu nyui ye le Marta si. Edi be yeawɔ amedzro na Yesu. Gake ale si wòtsi dzi ɖe nuɖaɖaa ŋu la wɔe be nufiame vevi si wòaxɔ tso Mawu ŋutɔ ƒe Vi la gbɔ la le eŋu tom! Yesu na eme kɔ be Maria tia nyuia gome si ahe viɖe mavɔwo vɛ nɛ, eye wòganye nufiame si dzi wòle be mí katã míaɖo ŋkui.\nƔebubuɣi la, Yesu he susu yi nufiame bubu aɖe si hã le vevie ŋutɔ la dzi. Nusrɔ̃la aɖe biae be: \"Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes hã fia eƒe nusrɔ̃lawoe ene.\" (Luka 11:1) Yesu wɔ esia xoxo anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene do ŋgɔ le eƒe Todzimawunya la me. (Mateo 6:9-13) Gake ɖewohĩ nusrɔ̃la sia menɔ anyi ɣemaɣi o, eya ta Yesu gagbugbɔ nya veviawo gblɔ. Eyome ewɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe ale si wòhiã be woado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe la dzi.\n\"Le kpɔɖeŋu me, ne xɔlɔ̃ le mia dometɔ aɖe si, eye wòyi egbɔ le zãtiƒe gblɔ nɛ be: 'Xɔ̃nye, do abolo etɔ̃ nam, elabena xɔ̃nye aɖe tso mɔ dzi va gbɔnye fifi laa, gake naneke mele asinye matsɔ aɖo ekɔme o.' Ke ame ma aɖo eŋu nɛ tso xɔa me be: 'Dzudzɔ fuɖeɖe nam. Metu ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ana naneke wò o.' Mele egblɔm na mi be: Ne mafɔ ana nanekee le esi wònye exɔlɔ̃ ta o la, afɔ godoo le esi wòle ebiam atraɖii ta, eye wòatsɔ nu siwo hiãe la anɛ.\"—Luka 11:5-8.\nYesu mele gbɔgblɔm be Yehowa melɔ̃na be yeaɖo to míaƒe kukuɖeɖewo abe ale si wònɔ le xɔlɔ̃ ma gome ene o. Nu si eƒe nyaa fia boŋue nye be ne xɔlɔ̃ si medi be yeana kpekpeɖeŋu o la atsɔ nu si wobia kutrikukutɔe ana la, ke mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ase esubɔla wɔnuteƒewo ƒe kokoƒoƒo siwo tso dzi me la godoo! Yesu yi edzi be: \"Mele egblɔm na mi be, minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi. Elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ; ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.\"—Luka 11:9, 10.\nYesu na nya si gblɔm wòle la me kɔ ƒãa azɔ esi wòtsɔ Fofoa sɔ kple vifofo amegbetɔwo hegblɔ be: \"Vifofo kae le mia dome si ne via bia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi ɖe tɔmelã teƒe? Alo ne ebia koklozii la, wòatsɔ dziɖegbe anɛ? Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?\" (Luka 11:11-13) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na mí ye nye esi be mía Fofo la lɔ̃na faa be yeaɖo to mí ahana nu siwo hiã mí la mí!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/amedzrow%C9%94w%C9%94-gbedodo%C9%96a%C2%AD-%C5%8Buti-nufiamewo\/","date":"2017-12-11T04:21:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00265.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988582134,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988582134246826}","num_words":699,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wɔ axa sia si woate ŋu ade amae la ƒe kɔpi eye nàdze agbagba ade dzesi ame etɔ̃ siwo le Nil Tɔsisia me.\nDɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nTsɔ Bibliamemewo ƒe nɔnɔmetatawo sɔ kple nu siwo wowɔ ɖeka kple la ƒe nɔnɔmetatawo.\nKpe ɖe viwò ŋu wòasrɔ̃ gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu.\nDɔdeasi sia akpe ɖe ɖevi siwo xɔ tso ƒe 6 va se ɖe ƒe 8 ŋu woasrɔ̃ nu tso Bibliamemewo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/n%C9%94n%C9%94metata-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/wokp%C9%94-vidz%C4%A9-mose-ta\/","date":"2017-12-12T20:18:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517917.20\/warc\/CC-MAIN-20171212192750-20171212212750-00682.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990260601,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990260601043701}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.292,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Fiɖa, March 11, 2011 dzi la, anyigbaʋuʋu sesĩe le Japan, anyigbaʋuʋu sia ƒe dzidzee nye 9. Ewu ame 15,000 kple edzivɔwo eye wògblẽ nunɔamesi siwo ƒe home wu Amerika dɔlar miliɔn akpe 200 dome. Esi Kei si xɔ ƒe 32 se be anyigba le ʋuʋu ge la, esi yi teƒe kɔkɔ aɖe. Egblɔ be: \"Le ŋufɔke ƒe ŋdi la, metrɔ yi aƒe me be mafɔ nye nu siwo anya susɔ, gake tsi kplɔ nu sia nu dzoe, ekplɔ nye aƒea gɔ̃ hã dzoe. Aƒea ƒe gɔmeɖokpewo koe susɔ.\n\"Exɔ ɣeyiɣi hafi meva de dzesi nu siwo gbegbe dome gblẽ nam, nye nunɔamesiwo katã dome gblẽ. Tsi kplɔ nu sia nu dzoe, nye ʋua, nye kɔmpiuta siwo metsɔ wɔa dɔe, nye kplɔ̃wo, nye zikpuiwo kple zikpui bɔbɔe siwo dzi nye amedzrowo nɔna, kɔmpiuta ƒe nuŋlɔkpe, nye dzitaawo, nye kpẽ, nye nutanuwo, nye aŋɔwo kple nye nutatawo katã nu yi.\"\nTENƆNƆ ÐE NYA VƆ̃A NU\nNa wò susu nanɔ nu siwo le asiwò fifia la dzi, ke menye nu siwo dome gblẽ na wò la dzi o. Biblia gblɔ be: \"Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.\" (Luka 12:15) Kei gblɔ nu si wòwɔ ɣemaɣi ale: \"Gbã la, meŋlɔ nu sia nu si dim mele la ɖi, gake ɖeko esia nana meɖoa ŋku nye nu siwo katã tsia kplɔ dzoe la dzi. Eye meva ɖoe be nu siwo mehiã ŋutɔŋutɔ koe maŋlɔ ɖi, eye manɔ asi trɔm le nuŋlɔɖia ŋu zi ale si nyemegahiã na nane o. Nuŋlɔɖi ma kpe ɖe ŋunye megava kpɔ ta na nye agbe.\"\nMègatsɔ susu ɖo nu siwo gblẽ na wò la ŋu fũu o, ke boŋ zã nuteƒekpɔkpɔ si su asiwò nàtsɔ afa akɔ na amewo. Kei gblɔ be: \"Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kple xɔ̃nyewo siaa naa kpekpeɖeŋum, gake ɖeko esia na be kpekpeɖeŋuxɔxɔ va le numame zum nam, eye nyemegakpɔa dzidzɔ ale o. Azɔ meɖo ŋku nya si Biblia gblɔ le Dɔwɔwɔwo 20:35 be 'Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ' la dzi. Esi ŋutilãmenu boo mele asinye mana ame siwo ŋu anyigbaʋuʋu sia gblẽ nu le o ta la, meɖoe be made dzi ƒo na wo. Dɔmenyonyo na amewo le mɔ sia nu ɖe vi gã aɖe nam.\"\nDo gbe ɖa na Mawu ne wòana nunya wò nàtsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Kei ka ɖe nya si Biblia gblɔ be Mawu \"atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu\" la dzi. (Psalmo 102:18) Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201407\/nya-v%C9%94%CC%83-ne-nun%C9%94amesiwo-dome-gbl%E1%BA%BD\/","date":"2017-12-16T04:10:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581053.56\/warc\/CC-MAIN-20171216030243-20171216052243-00719.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985417128,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985417127609253}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE KWASIÐAGBE aɖe ƒe ŋdi le ƒe 1520 me la, ame siwo le du sue aɖe si nye Meaux, si te ɖe Paris ŋu me la ƒe mo wɔ yaa le nu si wose le sɔleme la ta. Woxlẽ nya aɖewo tso Nyanyuigbalẽawo me na wo le wo degbe si nye Fransegbe me ke menye le Latingbe me o!\nAƒetɔ Jacques Lefèvre d'Étaples (Latin, Jacobus Faber Stapulensis) ame is ɖe Biblia sia gɔme ŋlɔ emegbe ɖo ɖe exɔlɔ̃ aɖe be: \"Mɔ wɔnuku si dzi tom Mawu le be yeana ame tsɛ siwo le teƒe aɖewo nase yeƒe Nyaa awɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ.\"\nƔemaɣi la, Katoliko-haa kple mawunyaŋununyala siwo le Paris la tsi tre ɖe Biblia gɔmeɖeɖe siwo le gbe siwo ame geɖe dona me ŋu vevie. Eya ta nu kae ʋã aƒetɔ Lefèvre hafi wòɖe Biblia gɔme ɖe Fransegbe me? Eye nu kae wòwɔ tsɔ kpe ɖe ame tsɛwo ŋu be woase Mawu ƒe Nyaa gɔme?\nENƆ GƆMESESE ŊUTƆŊUTƆ SI LE ŊƆŊLƆAWO ŊU LA DIM\nHafi aƒetɔ Lefèvre nava dze Biblia gɔmeɖeɖedɔa gɔme la, eɖoe eɖokui dzi be yeakpe ɖe amewo ŋu be gɔmesese vevi si le xexemenunya kple mawuŋununya ŋu la nasu wo si. Ede dzesii be vodadawo kple nya tatrawo bɔ ɖe blemanuŋlɔɖi geɖewo me. Esi wònɔ gɔmesese vevi si le blemanuŋɔŋlɔwo ŋu dim la, edze Katolikotɔwo ƒe Biblia, si nye Latin Vulgate si nɔ amewo si ɣemaɣi la sɔsrɔ̃ gɔme tsitotsito.\nAle si wòsrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo kutrikukutɔe na wòƒo nya ta be, \"Nyateƒe si le Mawu ƒe nya la me sɔsrɔ̃ ɖeɖe dzaa koe . . . ana ame nakpɔ dzidzɔ wu gbɔgblɔ.\" Eya ta aƒetɔ Lefèvre dzudzɔ xexemenunya sɔsrɔ̃ eye wòzã eƒe ŋusẽ katã ɖe Biblia gɔmeɖeɖe ŋu.\nLe ƒe 1509 me la, Lefèvre ta Psalmowo * ƒe agbalẽa vovovo atɔ̃ ɖe Latingbe me, eye Vulgate Biblia si me wòwɔ ɖɔɖɔɖowo le hã le wo dome. To vovo na mawunyaŋununyala siwo nɔ anyi le eŋɔli la, eya dze agbagba be yeake ɖe \"gɔmesese si tututu\" le Biblia me nyawo ŋu la ŋu. Mɔ si dzi wòto ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Biblia ŋutinunyalawo kple ɖɔɖɔɖowɔlawo dzi.—Kpɔ aɖaka si nye \"Ale Si Lefèvre Kpɔ Ŋusẽ Ðe Martin Luther Dzi.\"\nAƒetɔ Lefèvre si wodzi ɖe Katoliko-haa me la ka ɖe edzi bliboe be ne wofia Ŋɔŋlɔawo ame tsɛwo nyuie ko hafi ha la ƒe nuwɔnawo atrɔ. Gake alekee Ŋɔŋlɔawo awɔ aɖe vi na ame tsɛawo esi wònye be Latingbe me koŋ koe wòle?\nBIBLIA GƆMEÐEÐE SI AME SIA AME ATE ŊU AƑLE\nAle si gbegbe aƒetɔ Lefèvre lɔ̃ Mawu ƒe Nyaa wɔe be eɖoe be yeana wòasu ame akpa gãtɔ si. Be wòate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ la, le June ƒe 1523 me la, eta Nyanyuigbalẽawo ƒe tata suetɔ ƒe babla eve ɖe Fransegbe me. Esi wòle sue eye mexɔ asi de lolotɔ nu o ta la, enɔ bɔbɔe na ame dahewo gɔ̃ hã be woaƒle Biblia sia azã.\nAme siwo dzi nu mede o la kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sia ŋu eteƒe mekɔ o. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa di vevie be yewoaxlẽ Yesu ƒe nyawo le yewo degbe me ale gbegbe be kɔpi 1,200 siwo wota gbã la vɔ le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me.\nETƆ AƑƆ TO ÐE BIBLIA GƆME\nAƒetɔ Lefèvre gblɔ le Nyanyuigbalẽawo ƒe ŋgɔdonyaa me be yeɖe wo gɔme ɖe Fransegbe me ale be \"ame tsɛ\" siwo le sɔlemehaa me la \"nate ŋu aka ɖe nyateƒenya siwo le Nyanyuigbalẽawo me la dzi abe ale si wòle le Latingbe me tɔ me ene.\" Gake nu ka tae Lefèvre tsi dzi nenema gbegbe be yeakpe ɖe ame tsɛwo ŋu woatrɔ ɖe nu si tututu Biblia fia la ŋu?\nLefèvre nya nyuie be amegbetɔwo ƒe nufiafiawo kple xexemenunya kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Katoliko-haa dzi . (Marko 7:7; Kolosetɔwo 2:8) Eye eka ɖe edzi bliboe be ɣeyiɣia de be woagblɔ Nya Nyui \"si wometɔ tsii o la le xexeame godoo, ale be woagatsɔ amegbetɔwo ƒe nufiafiawo akplɔ ame aɖeke atrae azɔ o.\"\nLefèvre ɖoe hã be yeaklo nu le ame siwo gbe be woagaɖe Biblia gɔme ɖe Fransegbe me o la ƒe nyahehe totrowo dzi. Eʋu go woƒe alakpanuwɔnawo esi wògblɔ be: \"Aleke woawɔ afia [ameawo] be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu Kristo de la dzi, ne womedi be ame tsɛwo ƒe asi naka Mawu ƒe Nyaa ale be woate ŋu axlẽ Nya Nyuia le woawo ŋutɔwo degbe me o?\"—Romatɔwo 10:14.\nMewɔ nuku o be eteƒe medidi hafi mawunyaŋununyala siwo le Sorbonne yunivɛsiti le Paris la te kpɔ be yewoaɖo asi Lefèvre dzi o. Le August ƒe 1523 me la, wotso ɖe Biblia kple Biblia ŋuti numeɖeɖewo gɔmeɖeɖe ɖe gbe siwo amewo dona me ŋu eye wobu wo be \"woagblẽ nu le Sɔlemehaa ƒe nufiafiawo ŋu.\" Ne menye Franseawo ƒe Fia Francis I ye o la, anye ne wobu Lefèvre be enye aglãdzela.\nGBEGƆMEÐELA SI 'ZI KPI' LA WU EƑE DƆ NU\nAle si amewo nɔ nya hem vevie ɖe Lefèvre ƒe Biblia gɔmeɖeɖe ŋu metsɔ fu le lãme nɛ o. Esi wòwu Hela Ŋɔŋlɔawo (si woyɔna be Nubabla Yeyea) gɔmeɖeɖe nu le ƒe 1524 me la, eɖe Psalmowo ƒe agbalẽa si le Fransegbe me ɖe go, ale be mawusubɔlawo nate ŋu ado gbe ɖa \"kple seselelãme tso dzi blibo me.\"\nMawunyaŋununyala siwo le Sorbonne la wɔ kaba to Lefèvre ƒe dɔawo me tsitotsito. Wode se enumake be woatɔ dzo Hela Ŋɔŋlɔ si gɔme wòɖe la le dutoƒo, eye wogbe nu le eƒe nuŋlɔɖi bubuwo gbɔ be \"wode Luther ƒe susu totrowo dzi.\" Esi mawunyaŋununyalawo mia asii be wòava ɖe eɖokui nu la, Lefèvre ɖoe be \"yeazi kpi\" eye emegbe wòsi yi Strasbourg. Le afi ma la, eɖoe be yeaɖe Biblia gɔme le adzame. Togbɔ be ame aɖewo bu eƒe afɔɖeɖe ma be enye vɔvɔ̃nɔtɔ ƒe nuwɔna hã la, eya ka ɖe edzi be emae nye mɔ nyuitɔ si dzi yeato anɔ te ɖe ame siwo mekpɔa dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒe siwo le abe \"dzonu xɔasiwo\" ene ŋu o la nu.—Mateo 7:6.\nAnɔ abe ƒe ɖeka ene le eƒe sisi megbe la, Fia Francis I ɖo Lefèvre be wòanye ye vi Charles si xɔ ƒe ene la ƒe nufiala. Dɔ sia na ɣeyiɣi geɖe Lefèvre be wòawu eƒe Biblia gɔmeɖeɖedɔa nu. Le ƒe 1530 me la, Fiagã Charles V na wota eƒe Biblia blibo si gɔme wòɖe la le Antwerp, menye le France o. *\nEƑE DIDIA VA EME\nLe Lefèvre ƒe agbe me katã la, enɔ mɔ kpɔm be sɔlemeha la agbe nu le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo gbɔ eye woatrɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nufiafia adodoeawo ŋu. Eka ɖe edzi vevie be \"gome le Kristotɔ ɖe sia ɖe si be wòaxlẽ Biblia ahasrɔ̃e le eɖokui si.\" Ema tae wòku kutri vevie be yeana Biblia nasu ame sia ame si. Togbɔ be Lefèvre mekpɔ didi si nɔ eme be sɔlemehaa natrɔ eƒe nufiafiawo teƒe o hã la, womate ŋu ake ɖi nu si wògblẽ ɖe megbe, si nye ale si wòkpe ɖe ame tsɛwo ŋu wonya Mawu ƒe Nya la o.\n^ mm. 8 Agbalẽ si nye Fivefold Psalter si le eŋlisigbe me la nye Psalmowo ƒe tata vovovo atɔ̃, woma ɖe sia ɖe ɖe akpa vovovowo me eye woɖo tanya siwo ku ɖe Mawu ŋu la ɖe ɖoɖo nu, si me Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ hã le.\n^ mm. 21 Ƒe atɔ̃ megbe, le ƒe 1535 me la, Franse gbegɔmeɖela Olivétan, ɖe Biblia si gɔme wòɖe tso gbe gbãtɔwo me la ɖe go. Lefèvre ƒe dɔwo koŋue kpe ɖe eŋu wòɖe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no6-2016-november\/lefevre-detaples-biblia-g%C9%94me%C9%96e%C9%96e\/","date":"2017-12-16T04:09:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581053.56\/warc\/CC-MAIN-20171216030243-20171216052243-00719.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977509975,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997750997543335}","num_words":1229,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso January 30 va se ɖe February 26, 2017 la le tata sia me.\nAGBEMEŊUTINYA\nSubɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖe siwo su Denton Hopkinson si tso eƒe ɖekakpuime kpe ɖe eŋu wòkpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ amewo katã ƒomeviwoe.\nNusɔsrɔ̃ tso ale si wòdzɔe be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò ŋu ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.\nAɖaŋuɖoɖowo le Romatɔwo ta 8 lia me siwo akpe ɖe ŋuwò wò asi nasu teƒeɖoɖo si Yehowa tsɔ ɖo amewo katã ŋkume la dzi.\nÐe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa? Ekema, kpɔe ɖa be Biblia me biabia neni ŋue nàte ŋu aɖo hã.\nEdzɔna be Mawu subɔlawo hã tsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣi. Nu ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ \"Mawu ƒe ŋutifafa.\"\nAleke mɔkpɔkpɔ si le mía si be Yehowa aɖo eteƒe na mí la ɖea vi na mí? Aleke wòɖo eteƒe na esubɔlawo le blema, eye aleke wòle ewɔm fifia hã?\nMele bɔbɔe be nàɖu ɖokuiwò dzi ne womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, ke hã Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woafa tu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtu mawumenɔnɔme sia ɖo?\nGbetakpɔxɔ si míemana kple esi míesrɔ̃na me nyati siwo woɖo ɖe woƒe hatsotso vovovoawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2016\/","date":"2017-12-12T00:55:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00591.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985281825,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985281825065613}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KRISTOTƆ miliɔn geɖe tiae be yewomaɖu Kristmas o. Aleke wosena le wo ɖokui me ɖe nyametsotso sia ŋu? Ðe wosena le wo ɖokui me be nane le yewo ŋu toma? Ðe wo viwo sena le wo ɖokui me be wole nane tem yewoa? De dzesi nu si Yehowa Ðasefo siwo tso xexea ƒe teƒe vovovowo la gblɔ tso nya sia ŋu.\nŊkuɖoɖo Yesu Kristo dzi: \"Hafi mava zu Yehowa Ðasefo la, ƒãa hafi medea sɔleme. Ne mayi gɔ̃ hã la, ke le Kristmas kple Easter ɖuɣiwo ko. Gake le ŋkeke mawo dzi gɔ̃ hã la, nye susu menɔa Yesu Kristo ŋu gobi ale o. Nyemegaɖua Kristmas o, ke hã medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo zi eve le kwasiɖa me, eye mefiaa nu amewo tso nu si Biblia gblɔ tso Yesu ŋu gɔ̃ hã!\"—EVE, AUSTRALIA.\nDzidzɔ si tsoa nunana me: \"Evivia nunye nenye be amewo na num le ɣeyiɣi si me nyemele mɔ kpɔm nɛ o. Esia dzɔa dzi nam ŋutɔ! Nye hã medina be maŋlɔ agbalẽ ahata nuwo aɖo ɖe amewo, elabena esia nana wokpɔa dzidzɔ, eye wònana dzi dzɔa nye hã.\"—REUBEN, NORTHERN IRELAND.\nKpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu: \"Míelɔ̃a nuɖaɖa na ame siwo dze dɔ. Ɣeaɖewoɣi la, míetsɔa seƒoƒo, akpɔnɔvivi alo nunana sue aɖe vanɛ na wo. Esia wɔwɔ dzɔa dzi na mí, elabena mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi be míawɔe le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me.\"—EMILY, AUSTRALIA.\nƑomea ƒe ɖekawɔwɔ: \"Ne mía kple míaƒe ƒometɔwo míeƒo ƒu ɖekae la, mía viwo nyaa wo dzilawo nɔviwo, wo mamawo kple wo tɔgbuiwo kpakple ƒometɔ bubuwo nyuie le dziɖeɖi me. Míawo ŋutɔwoe tsona le mía ɖokui si srãa míaƒe ƒometɔwo kpɔna, ke menye le esi azãɖuɣi ɖo tae o, eye woawo hã wonyae be esi míelɔ̃ yewo tae míesrãa yewo kpɔna ɖo.\"—WENDY, CAYMAN ISLANDS.\nŊutifafa: \"Vovo menɔa amewo ŋu le Kristmas ɖuɣiwo kura o, si wɔnɛ be ame geɖe ƒe susu menɔa ŋutifafawɔwɔ ŋu o. Menya ŋugbe si Biblia do ku ɖe amegbetɔwo ƒe etsɔme ŋu; nye dzi dze eme. Menya be etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ na vinyewo.\"—SANDRA, SPAIN.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/woke-%C9%96e-nu-si-nyo-wu-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-12T00:55:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00591.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977484941,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977484941482544}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae wòfia be woadi Yehowa?\nEfia be míayi edzi asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye míanɔ agbe ɖe eƒe nudidiwo nu\nNu kae dzɔ ɖe Israel-viwo dzi esi wodzudzɔ Yehowa didi?\n'Wova lɔ̃ vɔ̃, eye wolé fu nyui'\nWoƒe susu katã va nɔ woawo ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu\nWogbe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ\nNu kawoe Yehowa na mí siwo akpe ɖe mía ŋu be míadi eya amea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov6-12\/di-yehowa-ne-n%C3%A0n%C9%94-agbe\/","date":"2017-12-11T23:09:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514113.3\/warc\/CC-MAIN-20171211222541-20171212002541-00409.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966418147,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966418147087097}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"ŊUTSU sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo.\" (Dɔw. 9:15) Nya siae Aƒetɔ Yesu gblɔ tso Yudatɔ aɖe si trɔ dzi me zu Kristotɔ, si wova yɔ emegbe be apostolo Paulo, ŋuti.\n'Fia' siawo dometɔ ɖekae nye Roma Fiagã Nero. Ne wòe wokplɔ va fiagã sia ŋkume la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Wode dzi ƒo na mí Kristotɔwo be míasrɔ̃ Paulo. (1 Kor. 11:1) Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míasrɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Paulo si le eŋɔli me ʋɔnudrɔ̃nyawo me ŋu.\nMose ƒe Sea le Israel dukɔa kplɔm, eye eya dzie Yudatɔ siwo doa vevie mawusubɔsubɔ wɔna ɖo le afi sia afi. Gake tso ƒe 33 ƒe Pentekoste dzi la, womegabia tso Mawu subɔla vavãwo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. (Dɔw. 15:28, 29; Gal. 4:9-11) Ke hã Paulo kple Kristotɔ bubuwo meƒo nu tsi tre ɖe Sea ŋu o; eye wotea ŋu ɖia ɖase le Yudatɔwo ƒe duwo me faa. (1 Kor. 9:20) Zi geɖe la, Paulo yia ƒuƒoƒewo, afi si wòate ŋu aɖi ɖase na ame siwo nya Abraham ƒe Mawu la le, ale be wòate ŋu azã Hebri Ŋɔŋlɔawo atsɔ adzro nu me kpli wo.—Dɔw. 9:19, 20; 13:5, 14-16; 14:1; 17:1, 2.\nYerusalem ye nye teƒe gbãtɔ si apostoloawo ɖo be yewoanɔ akpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Eya ta wofiaa nu edziedzi le gbedoxɔa me. (Dɔw. 1:4; 2:46; 5:20) Gbe ɖeka esi Paulo zɔ mɔ yi Yerusalem la, wolée de gaxɔ me. Ale eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dze egɔme tso afi ma, eye emegbe wòva do ɖe Roma.\nPAULO WƆ ROMATƆWO ƑE SEA ŊU DƆ\nAleke Roma dumegãwo bu dzixɔse si kakam Paulo le lae? Be míaɖo nya sia ŋu la, anyo be míade ŋugble le ale si Romatɔwo bua mawusubɔsubɔ ƒe nyawoe ŋu. Womezii ɖe to vovovo me tɔ siwo le woƒe fiaɖuƒea me dzi be woaɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu o, negbe ɖe wokpɔe be anye afɔku na Dziɖuɖua alo dumeviwo ko hafi.\nRomatɔwo na ablɔɖe geɖe Yudatɔ siwo le woƒe fiaɖuƒea me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Wona mɔnukpɔkpɔ geɖe Yudatɔwo be woasubɔ woƒe Mawu faa le Roma fiaɖuƒea me. . . . Ablɔɖe le Yudatɔwo si be woagbe be yewomasubɔ trɔ̃ siwo Romatɔwo subɔna o. Woate ŋu azã woawo ŋutɔwo ƒe sewo atsɔ akplɔ amewo le woƒe nutowo me.\" (Ale Si Nɔnɔmeawo Nɔ Le Kristotɔ Gbãtɔawo Ŋɔli, ele Eŋlisigbe me) Azɔ hã, womezia wo dzi be woawɔ asrafodɔ o. * Eya ta Paulo wɔ nu siwo ŋu Romatɔwo ƒe se ɖe mɔ ɖo na Yudatɔwo la ŋu dɔ tsɔ ʋli Kristotɔnyenye ta le Roma dumegãwo ŋkume.\nPaulo ƒe futɔwo te kpɔ be yewoato mɔ vovovowo dzi ana dumeviwo kple dumegãwo natsi tre ɖe eŋu. (Dɔw. 13:50; 14:2, 19; 18:12, 13) De ŋugble le nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ. Kristotɔ hamemetsitsi siwo le Yerusalem se be Yudatɔ aɖewo le Paulo nu tsom be ele nu fiam amewo be \"woagbe nu le Mose ƒe se la gbɔ.\" Amenutsotso siawo ate ŋu ana Yudatɔ siwo trɔ dzi me zu Kristotɔwo yeyee la nasusui be Paulo medea bubu Mawu ƒe sewo ŋu o. Esia ate ŋu ana Sanhedrin ʋɔnudrɔ̃ƒea natso nya me be Kristotɔwo nye Yudatɔ xɔsegbelawo. Ne edzɔ alea pɛ, woahe to na Yudatɔ siwo zu Kristotɔwo. Woate ŋu anya wo le dukɔa me alo axe mɔ na wo be woagaɖi ɖase le gbedoxɔa me alo ƒuƒoƒewo o. Eya ta hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na Paulo be wòawɔ nane atsɔ aɖee afia be nutsotsoawo mele eme o. Wogblɔ nɛ be wòayi gbedoxɔa me awɔ kɔnu aɖe si Mawu mebia tso esi o, evɔ eƒe se metsi tre ɖe eŋu hã o.—Dɔw. 21:18-27.\nPaulo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye esia na mɔnukpɔkpɔe be 'wòaʋli nya nyuia ta ahaɖoe anyi le se nu.' (Flp. 1:7) Eva dzɔ be le gbedoxɔa me la, Yudatɔwo de zi ameha la dome eye wodi be yewoawu Paulo. Ale Roma-srafomegã na wolé Paulo de ga. Emegbe esi wòɖe gbe be woaƒoe kple atam la, Paulo na wònya be Romatɔe yenye. Esia na wokplɔe yi Kaisarea, si nye afi si Romatɔwo ƒe dumegãwo le hafi nɔ Yudea nuto bliboa dzi ɖum. Mɔnukpɔkpɔ su esi le afi ma be wòaɖi ɖase dzideƒotɔe le dumegãwo ŋkume. Esia na ame siwo ɖewohĩ womenya nu boo tso Kristotɔwo ŋu o la va nya nu geɖe tso wo ŋu.\nDɔwɔwɔwo ta 24 lia ƒo nu tso ʋɔnu si Roma Nutodziɖula Felike drɔ̃ Paulo ŋu. Dziɖula sia nya nu tso Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu. Yudatɔwo tso Paulo nu be eda Romatɔwo ƒe se dzi le mɔ etɔ̃ ya teti nu. Wobe ele zitɔtɔ dem Yudatɔwo dome le fiaɖuƒe bliboa me; enye kɔmama vɔ̃ɖi aɖe ƒe ŋgɔnɔla; eye wòte kpɔ be yeagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ, si nɔ Romatɔwo ƒe dzikpɔkpɔ te ɣemaɣi la. (Dɔw. 24:5, 6) Nutsotso siawo ate ŋu ana woatso kufia nɛ.\nAnyo be mí Kristotɔ siwo li egbea míade ŋugble le ale si Paulo ʋli eɖokui tae ŋu. Elé eɖokui kpoo, eye wòde bubu ameawo ŋu. Eyɔ nya tso Sea kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me, eye wògblɔ be yekpɔ mɔ asubɔ 'ye tɔgbuiwo ƒe Mawu.' Romatɔwo ƒe sea ɖe mɔ ɖe esia ŋu na Yudatɔ ɖe sia ɖe. (Dɔw. 24:14) Emegbe Paulo ʋli eƒe xɔse ta le Roma Nutodziɖula bubu si nye Porkio Festo kpakple Fia Herodes Agripa ŋkume.\nMlɔeba Paulo tsɔ eƒe nya de asi na dziɖula sẽŋu si nɔ anyi ɣemaɣi esi wòdi be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye, hegblɔ be: \"Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam!\"—Dɔw. 25:11.\nPAULO DO ÐE KAISARO ŊKUME\nMawudɔla aɖe gblɔ na Paulo emegbe be: \"Àtsi tsitre ɖe Kaisaro ŋkume.\" (Dɔw. 27:24) Esi Roma Fiagã Nero dze fiaɖuɖu gɔme la, egblɔ be ye ɖeka yemadrɔ̃ nyawo katã o. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyi gbãtɔawo me la, etsɔ ʋɔnunyawo katã kloe de asi na ame bubuwo. Agbalẽ si nye Paulo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Eƒe Lɛtawo, si le Eŋlisigbe me, gblɔ be, ne Nero lɔ̃ be yeadrɔ̃ nya aɖe la, ewɔa esia le eƒe fiasã me, eye eƒe adaŋudela bibi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le lae kpena ɖe eŋu.\nBiblia megblɔe ne Nero ŋutɔe drɔ̃ ʋɔnu Paulo alo edee asi na ame bubu aɖe be wòase eƒe numegbe ava ka eta na ye Nero o. Aleke kee wòɖale o, Paulo anya ɖe eme be Yudatɔwo ƒe Mawue yesubɔna, eye yefiaa amewo katã be woade bubu ŋusẽtɔwo kple dziɖulawo ŋu. (Rom. 13:1-7; Tito 3:1, 2) Edze ƒãa be Paulo ʋli nya nyuia ta le dumegãwo ŋkume dzidzedzetɔe, elabe Kaisaro ɖe asi le Paulo ŋu emegbe.—Flp. 2:24; Filem. 22.\nELE BE MÍAWO Hà MÍAƲLI NYA NYUIA TA\nYesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo kple dukɔwo.\" (Mat. 10:18) Mɔnukpɔkpɔe wònye be míanɔ Yesu teƒe aʋli nya nyuia ta. Ne míewɔ esia veviedodotɔe la, míaɖu dzi le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Le nyateƒe me la, menye amegbetɔ madeblibowo ƒe nyametsotsowoe 'ɖoa nya nyuia anyi le se nu' bliboe o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ana míakpɔ gbɔdzɔe tso ameteteɖeanyi kple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe si me.—Nyagb. 8:9; Yer. 10:23.\nKe hã egbea ne Kristotɔwo ʋli woƒe xɔse ta nyuie la, esia kafua Yehowa ƒe ŋkɔ. Abe Paulo ene la, anyo be míadze agbagba alé mía ɖokuiwo kpoo, míaƒo nu anukwaretɔe, eye kpeɖodzi nanɔ míaƒe nyawo ŋu. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be, mehiã be 'woabu ale si woaʋli wo ɖokui tae la ŋu do ŋgɔ o, elabena yeana nya kple nunya wo, eye ame siwo katã tsi tsitre ɖe wo ŋu la mate ŋu anɔ te ɖe wo nu alo atsi tsitre ɖe wo ŋu o.'—Luka 21:14, 15; 2 Tim. 3:12; 1 Pet. 3:15.\nNe mí Kristotɔ vavãwo míeʋli míaƒe dzixɔsewo ta le fiawo, dziɖuɖuwo, alo dumegãwo ŋkume la, míate ŋu aɖi ɖase na ame siwo anye ne asesẽ hafi Kristotɔwo ƒe gbedeasia naɖo wo gbɔ la. Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewo ƒe nyametsotsowo wɔe be wogbugbɔ asi trɔ le dukplɔse aɖewo ŋu, si na nuƒoƒo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe geɖe wu su amewo si. Gake aleke kee woɖatso nya me na Mawu subɔlawoe o, míaƒe dzideƒo le ʋɔnunyawo me doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi.\n^ mm. 8 Agbalẽŋlɔla James Parkes gblɔ be: \"Woɖe mɔ na Yudatɔwo . . . be woaɖu woƒe azãwo faa. Mɔnukpɔkpɔ siawo siwo Romatɔwo na wo la menye nu tɔxɛ aɖeke o, elabena enye woƒe kɔnu be yewoana ablɔɖe geɖe nuto vovovo siwo dzi ɖum yewole la me tɔwo be woawɔ woƒe sewo ŋu dɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-september-2016\/m%C3%ADa%CA%8Bli-nya-nyuia-ta-le-dumeg%C3%A3wo-%C5%8Bkume\/","date":"2017-12-14T01:54:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948532873.43\/warc\/CC-MAIN-20171214000736-20171214020736-00627.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971294403,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971294403076172}","num_words":1352,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Israel-viwo nɔ aboyo me le Babilon la, xɔse ƒe dodokpɔ geɖe va wo dzi. Wotsɔ Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe me, gake Mawu ɖe wo le eme agbagbe. Emegbe esi Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi megbe la, wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, gake Mawu kpɔ eya hã ta be wòde ga nu na dzatawo.\nMlɔeba la, Persia-fia Kores ɖe asi le Israel-viwo ŋu. Esi wokplɔ wo yi Babilon abe aboyomewo ene ƒe 70 tututu megbe la, wotrɔ yi woƒe anyigba dzi. Esi wotrɔ yi Yerusalem la, nu gbãtɔ siwo wowɔ la dometɔ ɖekae nye be wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Gake futɔwo tsi dɔ la nu enumake. Eyata esi wotrɔ yi Yerusalem ƒe 22 megbe hafi wowu gbedoxɔa tutu nu keŋkeŋ.\nEmegbe la, míasrɔ̃ nu le Ezra ƒe tɔtrɔ ayi Yerusalem be yeaɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔa ŋuti. Gbedoxɔ la nuwuwu ƒe 47 megbe enye esia. Eye le Ezra ƒe mɔzɔzɔa megbe ƒe 13 la, Nexemya kpe asi ɖe Yerusalem-gli gbagbãwo gbugbɔgatu ŋu. Akpa ATƆ̃LIA kpe ƒe 152 ƒe ŋutinya ɖo vaseɖe ɣeyiɣi sia dzi.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 77 LIA\nÐe Mawu akpɔ ɖekakpui wɔnuteƒe etɔ̃ siawo ta le kpodzo bibi la mea?\nŊUTINYA 78 LIA\nNyagblɔɖila Daniel ɖe nya sakɔ ene aɖewo gɔme.\nŊUTINYA 79 LIA\nWotso kufia na Daniel, gake ɖe wòate ŋu aƒo asa nɛ hafia?\nŊUTINYA 80 LIA\nPersia-fia, Kores, na nyagblɔɖi aɖe va eme esi wòɖu Babilontɔwo dzi, eye azɔ la, egana nyagblɔɖi bubu va eme.\nŊUTINYA 81 LIA\nIsrael-viwo gbe toɖoɖo amegbetɔwo ƒe sewo ale be woawɔ Mawu ƒe sewo dzi. Ðe Mawu ayra woa?\nŊUTINYA 82 LIA\nFianyɔnu Wasti dze tugbe, gake Fia Ahasweros na Esta va zu fianyɔnu ɖe Wasti teƒe. Nu ka tae?\nŊUTINYA 83 LIA\nEle be dɔwɔlawo ƒe yiwo kple akplɔwo nanɔ wo ŋu zã kple keli esime wogbugbɔ le glia ɖom.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/","date":"2017-12-14T01:53:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948532873.43\/warc\/CC-MAIN-20171214000736-20171214020736-00627.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992251396,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992251396179199}","num_words":304,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David de ŋugble tso kpeɖodzi siwo dze le Mawu ƒe nuwɔwɔwo me siwo ɖee fia be nɔnɔme nyuiwo le Mawu si la ŋu. David subɔ Yehowa kple kakaɖedzi le eƒe agbe me.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nKristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ | September 2016\nWowɔ Mí Nukutɔe","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept19-25\/wow%C9%94-m%C3%AD-nukut%C9%94e\/","date":"2017-12-16T19:36:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588420.68\/warc\/CC-MAIN-20171216181940-20171216203940-00463.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964683652,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964683651924133}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SCOTLANDTƆ James Bruce mexɔ nu si kpɔm wòle la dzi se o. Duyeyedila dzinɔameƒotɔ sia ke ɖe Romatɔwo ƒe dziɖuɖuŋkuɖodzikpe si ɖi ɖe to me, gake eƒe akpa aɖe nɔ dzedzem la ŋu le Algeria-gbedadaƒo. Esi ŋutsu sia ke ɖe ŋkuɖodzikpe sia ŋu le ƒe 1765 me la, menya kura be blemadu Thamugadi, si nye du gãtɔ kekeake si Romatɔwo tso kpɔ le Dziehe Afrika la ƒe glikpowo dzie ma yele tsitre ɖo o. Woyɔa du sia fifia be Timgad.\nLe ƒe 1881 si nye ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe la, Franseawo ƒe blemadudowo kulawo dze Timgad ƒe glikpo siwo tsi anyi la kuku gɔme. Woƒo nya ta be togbɔ be afi sia nye gbedadaƒo, eye agbenɔnɔ le nuto sia me sesẽ hã la, ame siwo nɔ afi sia kpɔ la nɔ dzidzemegbe kple agbe kɔkɔ. Gake nu kae na Romatɔwo va tso du si me nuwo de ame dzi le alea gbegbe la ɖe nuto sia me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso blemadu sia kple emenɔlawo ŋu?\nDUNYAHEHE ƑE SUSUE LE MEGBE NƐ\nEsi Romatɔwo keke woƒe dziɖuƒewo ɖe enu va ɖo Dziehe Afrika le ƒe alafa gbãtɔwo me Do Ŋgɔ Na Yesu la, nutoa me tɔ aɖewo siwo ʋuna tso teƒe yi teƒe la tso ɖe wo ŋu ŋkubiãtɔe. Aleke Romatɔwo awɔ be ŋutifafa nanɔ wo kple ame siawo dome? Gbã la, Augustan Ƒe Aʋalɔgo Etɔ̃lia tso asrafonɔƒewo kple dzɔlawonɔƒe sesẽ geɖewo ɖe tonuto gã si woyɔna fifia be dziehe Algeria la me. Emegbe wova tso Timgad-dua, gake taɖodzinu bubu kurae le megbe na du sia tsotso.\nSusu si Romatɔwo de agbalẽ me ɖe du sia tsotso ŋue nye be wòanye asrafo siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la nɔƒe, gake susu si nɔ megbe nɛ ŋutɔŋutɔe nye be woato edzi atsi nutoa me tɔwo ƒe tsitretsiɖeŋua nu. Woƒe tameɖoɖoa dze edzi. Eteƒe medidi kura o Timgad ƒe agbe kɔkɔ nɔnɔa va nɔ nutoa me tɔ siwo va nɔ woƒe adzɔnuwo dzram le dua me la dzrom. Esi wo dometɔ geɖewo di be woaɖe mɔ na yewo yewoanɔ Timgad-dua me ta la, wolɔ̃ be yewoage ɖe Romatɔwo ƒe asrafodɔ me ahanɔ eme ƒe 25 ale be woabu yewo Roma-dukɔmeviwoe, elabena Romatɔwo koe ate ŋu anɔ Timgad-dua me.\nEsi dumevinyenye ƒe gomenɔamesi sia mesu na wo o ta la, Afrikatɔ siawo dometɔ aɖewo va nɔ ɖoƒe gãwo le Timgad alo le Romatɔwo ƒe dziɖuƒe bubuawo me mlɔeba. Romatɔwo ƒe agbagbadzedze be nutoa me tɔwo nanɔ ŋutifafa me kpli yewo la kpɔ dzidzedze ale gbegbe be le ƒe 50 pɛ ko me la, Timgad-dua me nɔlawo ƒe akpa gãtɔ va nye Dziehe Afrikatɔwo.\nALE SI ROMATƆWO FI NUTOA ME TƆWO ƑE DZI\nAleke Romatɔwo wɔ fi nutoa me tɔwo ƒe dzi kaba nenema gbegbe? Gbã la, dziɖuɖumegã Cicero wɔ ɖoɖo be woama nuwo sɔsɔminasɔe le dua me nɔlawo katã dome. Woma anyigbawo sɔsɔe na Roma-srafo siwo xɔ dzudzɔ kple Afrikatɔ siwo le dua me. Wotso dua ɖe ɖoɖo nyuie nu, aƒewo ƒe lolome nye meta 20 le akpa sia akpa, eye woɖe mɔ to wo dome nyuie. Ðikeke mele eme o be ale si wotso dua ɖe ɖoɖo nu kple sɔsɔminasɔe ƒe ɖoɖoa dze dua me tɔwo ŋu ale gbegbe.\nDua me tɔwo tea ŋu ƒoa ƒu ɖe takpeƒewo le asigbewo be yewoase nyadzɔdzɔ yeyewo alo awɔ fefewo. Tonuto siwo me xɔa dzo siwo te ɖe wo ŋu me nɔlawo mesusui kpɔ gbeɖe be gbe ɖeka xɔŋugbadɔwo ava xɔ na yewo tso ŋdɔkutsu dzatsɛ si me o. Alo be yewoava ɖi ɖe eme ahale tsi le tsiƒuƒe gbogbo siwo wotu ɖe dua ƒe teƒeteƒewo ahanɔ tsia ƒe sisi ŋkɔ sem o. Womexɔa ga ɖe tsiƒuƒe siawo ta o. Wotea ŋu nɔa anyi ɖe tsidzidziwo to nɔa dze ɖom kple wo xɔlɔ̃wo. Nu siawo katã nɔ ko abe drɔ̃eƒe nya aɖe na wo ene.\nDogbadzifefewɔƒe hã nye mɔnu aɖe si dzi woto fi dukɔa ƒe dzi. Ame 3,500 kple edzivɔwoe ate ŋu anɔ teƒea zi ɖeka. Amehawo lɔna bibibi tso Timgad-dua kple du siwo ƒo xlãe me vaa fefewɔƒea. Fefewɔlawo wɔa fefe dzakaɖa siwo doa dzidzɔ na Romatɔwo; esiwo me wowɔa agbe gbegblẽ kple ŋutasẽ nuwɔnawo le.\nWoto Roma-subɔsubɔ hã dzi ble dukɔa nu. Wotsɔ kpe suesuewo alo atukpa siwo le amadede vovovowo me wɔ trɔ̃subɔlawo ƒe xotutu ŋuti nɔnɔmetatawo ɖe tsiƒuƒewo ƒe anyigba kple gliwo ŋu. Esi wònye be ame geɖewo yia tsiƒuƒeawo gbe sia gbe ta la, dua me nɔlawo va nɔ Roma-mawuwo dzi xɔm se eye wonɔ wo ɖokuiwo ƒom ɖe woƒe subɔsubɔwo me vivivi. Esi wodi be Romatɔwo kple Afrikatɔwo nawɔ nu ɖekae ta la, woƒe tameɖoɖoa dze edzi ale gbegbe be nutoa me tɔwo va ɖoa atsyɔ̃e na woƒe yɔdodzikpewo kple mawuɖekaetɔ̃ ƒe nɔnɔmetata siwo nyea nutoa me tɔwo kple Roma-mawuwo ƒe nɔnɔmetatawo.\nDU DZEANI LA NU YI KEŊKEŊ\nEsi Fiagã Trajan tso du sia le ƒe 100 Kristotɔwo Ŋɔli me la, Romatɔwo de dzi ƒo na Dziehe Afrikatɔwo be woade nukugblewo, woaɖa amititsetsemi eye woafia wain. Eteƒe medidi o, Dziehe Afrika va zu nukuƒleƒe eye afi siae Romatɔwo kpɔa nuɖuɖu le na woƒe fiaɖuƒe bliboa. Nu dze edzi na Timgad-dua me nɔlawo le Roma ƒe dziɖuɖua te abe woƒe dziɖuƒe bubuawo ke ene. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, amewo nɔ agbɔ sɔm ɖe Timgad-dua me, ale du la va lolo gbɔ eƒe liƒo siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la dzi.\nNu dze edzi na dua me nɔlawo kple anyigbatɔwo le esi wotsaa asi kple Romatɔwo ta, gake viɖe sue aɖe ko nutoa me gbledelawo ya kpɔna. Le ƒe alafa etɔ̃lia le Kristotɔwo Ŋɔli la, wova nɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe amewo ŋu eye woxɔa adzɔ gãwo le agbledela suesuewo si, esia wɔe be wodze aglã. Wo dometɔ siwo va zu Katolikotɔwo gɔ̃ hã va ge ɖe Donatustɔwo dome. Donatustɔwo nye ƒuƒoƒo aɖe si gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, eye wotso ɖe nu fitifiti wɔwɔ si nɔ edzi yim le Katolikohaa me ŋu.\nLe ƒe alafa aɖewo megbe la, mawusubɔsubɔ me dzrewo, dukɔmeviʋa kple ŋutasẽnuwɔlawo ƒe amedzidzedze wɔe be Roma megava kpɔ ŋusẽ ɖe Dziehe Afrikatɔwo dzi o. Le ƒe alafa adelia le Kristotɔwo Ŋɔli la, Arabtɔ siwo nɔ nutoa me la tɔ dzo Timgad ale du blibo la fiã eye enu yi keŋkeŋ hena ƒe 1,000 sɔŋ.\n\"AGBEA KATà KOE NYE ESIA!\"\nLatingbe me nuŋɔŋlɔ aɖe si ŋu blemadudowo kulawo ke ɖo le Timgad ƒe takpeƒe la ɖi kokoe na wo. Nuŋɔŋlɔa xlẽ be: \"Adedada, tsilele, fefe, nukokoe\nLe nyateƒe me la, alea Romatɔ nɔ agbeae hena ɣeyiɣi aɖe. Kristotɔ apostolo Paul si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒo nu tso ale si ame aɖewo nɔa agbeae ŋu ale, \"Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.\" Togbɔ be mawusubɔlawoe Romatɔwo nye hã la, wonɔa agbe ɖe egbe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ko ŋu, eye womebua tame tso taɖodzinu si ta wowɔ amegbetɔ ɖo kple susu si ta míele agbe ɖo ŋu boo o. Paul xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be woakpɔ wo ɖokuiwo dzi le ame mawo ŋu esi wògblɔ be: \"Migana woakplɔ mi atrae o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.\"—1 Korintotɔwo 15:32, 33.\nTogbɔ be Timgad nɔlawo nɔ agbe ƒe 1,500 aɖewoe nye esi va yi hã la, amewo ƒe susu le agbenɔnɔ ŋu egbea metrɔ boo tso wo tɔ gbɔ o. Egbekpɔ-egbeneɖu ƒe agbe koe amewo ganɔna egbea. Le woƒe susu nu la, ale si Romatɔwo nɔa agbeae nye nyuitɔ eye womebua nu si ado tso eme la ŋu o. Gake Biblia ya gblɔe eme kɔ ƒãa eye wòsɔ nyuie be: \"Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.\" Eya ta exlɔ̃ nu mí be míaganɔ \"eŋuti dɔ wɔm bliboe o.\"\nTimgad ƒe glikpo nye kpeɖodzi na mí be dzidzɔkpɔkpɔ kple agbe vavãtɔ menɔ te ɖe wɔwɔ ɖe nuŋɔŋlɔ ma si ŋu woke ɖo le Timgad ƒe takpeƒea la me nyawo dzi o. Nuŋɔŋlɔ siawo bu ɖe Dziehe Afrika ƒe kewo me ƒe geɖewoe nye esia. Ke boŋ agbe vavãtɔ nɔ te ɖe toɖoɖo nya si Biblia gblɔ be, \"Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me,\"la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141201\/blema-du-timgad\/","date":"2017-12-12T03:40:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514250.21\/warc\/CC-MAIN-20171212021458-20171212041458-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998717308,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987173080444336}","num_words":1334,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃, Mawu kpena ɖe ame siwo bia nu siwo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me la ŋu. Ne mèdo gbe ɖa kpɔ o gɔ̃ hã la, ame siwo do gbe ɖa le Biblia me be 'Mawu, kpe ɖe ŋunye' la ƒe kpɔɖeŋuwo ade dzi ƒo na wò. Woƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:\n\"Kpe ɖe ŋunye, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam le wò amenuveve la nu!\"—Psalmo 109:26.\n\"Hiãtɔ kple ame dahee menye: Oo Mawu kpe ɖe ŋunye.\"—Psalmo 69:6, Douay Version.\nEnye nyateƒe be ame si ŋlɔ nya mawo la xɔ Mawu dzi se vevie ya.\nKe hã Mawu sea ame siwo katã doa gbe ɖa nɛ le dzi dzadzɛ me siwo dometɔ aɖewoe nye \"ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu\" alo \"ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi\" la ƒe gbedodoɖawo.—Psalmo 34:19.\nMègasusui be Mawu le adzɔge ʋĩ tso ye gbɔ eye metsɔa ɖeke le yeƒe kuxiwo me o.\nBiblia gblɔ be: \"Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.\" (Psalmo 138:6)\nYesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka gɔ̃ hã be: \"Woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã.\" (Mateo 10:30) Mawu kpɔa nu vevi aɖewo le ŋuwò siwo wò ŋutɔ mèdea dzesi gɔ̃ hã o. Ekema aleke gbegbe wòaɖo to gbe siwo nàdo ɖa nɛ be wòakpe ɖe ye ŋuti le yeƒe xaxawo mee nye esi!—1 Petro 5:7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-akpe-%C9%96e-%C5%8Bunye-do-gbe-%C9%96a\/","date":"2017-12-17T10:32:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595342.71\/warc\/CC-MAIN-20171217093816-20171217115816-00315.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996026814,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960268139839172}","num_words":222,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa do ŋugbe be woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi le gbedoxɔ si wotu le Yerusalem la me. Gake esi aboyomeawo gbɔ tso Babilon la, wodo go kuxi geɖe siwo dometɔ aɖee nye se si fia aɖe de be woadzudzɔ dɔa. Ame geɖe vɔ̃ be yewomate ŋu awu dɔa nu o.\nƑe 537 D.Y. Lɔƒo\nKores de se be woagbugbɔ gbedoxɔa atu\nLe ɣleti adrelia me\nWoɖi vɔsamlekpuia eye wosa vɔwo\nƑe 536 D.Y.\nWoɖo gbedoxɔa gɔme anyi\nƑe 522 D.Y.\nFia Artasasta na wotɔ te dɔa\nƑe 520 D.Y.\nZakariya kple Hagai de dzi ƒo na dukɔa be woagadze dɔa gɔme\nƑe 515 D.Y.\nWowu gbedoxɔa tutu nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan18-24\/mawu-%C5%8Bugbedodo-yerusalem-gbedox%C9%94\/","date":"2017-12-11T08:33:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512584.10\/warc\/CC-MAIN-20171211071340-20171211091340-00205.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984101653,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998410165309906}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo ŋku edzi be èdze anyi kpɔ le ɖevime eye nu vevi wɔ wòa? Ðewohĩ esia wɔe be nu vevi wɔ asi na wò alo wò klonu bebe. Àte ŋu aɖo ŋku ale si dawò fa akɔ na wòe la dzia? Anɔ eme be eklɔ abia heblae na wò. Ènɔ avi fam, ke hã esi wòkɔ wò ɖe akɔnu henɔ akɔfanyawo gblɔm na wò la, wò dzi dze eme. Ɣemaɣi la, enɔa bɔbɔe be nàkpɔ akɔfafa.\nGake ne míele tsitsim la, agbea va sesẽna wu. Kuxiawo nɔa sesẽm ɖe edzi, eye nenema kee wòsesẽna be míakpɔ akɔfafa. Nublanuitɔe la, womate ŋu akpɔ ame tsitsiwo ƒe kuxiwo gbɔ abe ale si vidada blaa abi na via hekɔnɛ ɖe akɔnu ene o. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.\nDzigbãnyae wònyena ne dɔ ge le ame si. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Julian gblɔ be esi dɔ ge le ye si la, ete ɖe ye dzi ale gbegbe be ɖeko yetɔtɔ. Enɔ eɖokui biam be, 'Aleke mawɔ akpɔ nye ƒomea dzi? Esi mewɔ dɔ sesĩe ƒe geɖe megbe la, nu ka tae dɔtɔawo susu be viɖe aɖeke megale ŋunye o?'\nÐewohĩ esi wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la, wò dzi gbã gudugudu. Raquel gblɔ be: \"Esi srɔ̃nye gblẽm ɖi kpata ƒe ɖeka kple afãe nye esi va yi la, melé blanui ŋutɔ. Ðeko wòwɔ abe ɖe nye dzi ma ɖe eve ene. Nye dzi nɔ veyem, mexa nu ale gbegbe, eye vɔvɔ̃ ɖom.\"\nÐewohĩ lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le fu ɖem na wò eye mele kakam ɖe eme vie gɔ̃ hã o. Ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me abe Hiob si nɔ anyi le blema ene. Efa konyi be: \"Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.\" (Hiob 7:16) Alo ɖewohĩ èse le ɖokuiwò me abe Luis, si nye ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 80-awo la ene. Egblɔ be, \"Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam abe nye kugbe ko lalam mele ene.\"\nAlo anɔ eme be wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèle akɔfafa dim abe ya ene. Robert gblɔ be: \"Esi vinyeŋutsua nɔ yameʋu me wòge eye wòku la, gbã la, nyemexɔe se o. Eyome mese veve le ememe ale gbegbe. Enɔ abe vevesese si Biblia tsɔ sɔ kple ale si ame ase le eɖokui me ne wotsɔ yi legbee ƒo ɖee ene.\"—Luka 2:35.\nRobert, Luis, Raquel kple Julian siaa kpɔ akɔfafa le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me. Ame nyuitɔ kekeake si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu lae fa akɔ na wo—eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Aleke Mawu faa akɔ na amee? Ðe wòafa akɔ na wò hã abe ale si wòfa akɔ na wo enea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2016-september\/hi%C3%A3-ak%C9%94fafa\/","date":"2018-01-18T06:12:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887067.27\/warc\/CC-MAIN-20180118051833-20180118071833-00737.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977914691,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977914690971375}","num_words":435,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mose kplɔ Israel-viwo tso aboyo me le Egipte va ɖo Sinai-to gbɔ, afisi Mawu na eƒe sewo woamawo le. Emegbe la, Mose dɔ ŋutsu 12 be woayi aɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba la dzi. Gake wo dometɔ 10 trɔ gbɔ kple nyatakaka vɔ̃. Wona be ameawo di be yewoatrɔ ayi Egipte. Xɔse, si menɔ wo si o ta la, Mawu he to na Israel-viwo; be wòna wotsa le gbeadzi hena ƒe 40.\nMlɔeba la, wotia Yosua be wòakplɔ Israel-viwo ayi Kanaan-nyigba dzie. Yehowa wɔ nukunuwo be wòakpe ɖe wo ŋu woaxɔ anyigba la. Ena be Yordan-tɔsisi la dzudzɔ sisi, Yerixo-gliawo mu dze anyi, eye ɣe la tɔ ɖe teƒe ɖeka hena ŋkeke blibo. Le ƒe ade megbe la, woxɔ anyigba la le Kanaantɔwo si.\nTso Yosua dzi la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu Israel dzi hena ƒe 356. Míasrɔ̃ nu tso wo dometɔ geɖe, siwo nye Barak, Gideon, Yefta, Simson kple Samuel ŋu. Míagaxlẽ nu tso nyɔnu aɖewo abe Raxab, Debora, Yael, Rut, Naomi kple Delila ene ŋu. Le yi katã me la, Akpa ETƆ̃LIA kpe ƒe 396 ƒe ŋutinya ɖo.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 34 LIA\nNuɖuɖu tɔxɛ sia si tso Mawu gbɔ la dza tso dziƒo.\nŊUTINYA 35 LIA\nSe eve kawoe le vevie wu Se Ewoawo?\nŊUTINYA 36 LIA\nNu ka tae amewo ade ta agu na togɛ siwo wolólo wòzu legba?\nŊUTINYA 37 LIA\nEƒe xɔ ememetɔ mee nubablaɖakaa nɔ.\nŊUTINYA 38 LIA\nŊkutsalawo dometɔ ewo gblɔ nya ɖeka, gake wo dometɔ eve gblɔ nya bubu. Akpa ka dzie Israel-viwo anɔ?\nŊUTINYA 39 LIA\nAleke wòate ŋu adzɔe be ati ƒuƒu si ku la naƒo se ahatse ku ɖiɖiwo le zã ɖeka ko me?\nŊUTINYA 40 LIA\nTsia do esi Mose ƒo agakpea, gake eƒe nuwɔna na Yehowa do dziku.\nŊUTINYA 41 LIA\nNu ka tae Mawu dɔ da vɔ̃ɖiwo be woava ɖu Israel-viwo?\nŊUTINYA 42 LIA\nTedzia kpɔ nane si Bileam mekpɔ o.\nŊUTINYA 43 LIA\nŊusẽ gakpɔtɔ nɔ Mose ŋu, eya ta nu ka tae Yosua boŋ va xɔ ɖe eteƒe?\nŊUTINYA 44 LIA\nAleke Rahab kpe ɖe ŋutsu eveawo ŋui, eye aleke wòbia be woave ye nui?\nŊUTINYA 45 LIA\nNukunu aɖe dzɔ esi nunɔlawo ɖo afɔ tsia me.\nŊUTINYA 46 LIA\nAleke wòate ŋu adzɔe be ka nawɔe be gli mamu o?\nŊUTINYA 47 LIA\nÐe ame vɔ̃ɖi ɖeka ƒe nuwɔna ate ŋu agblẽ nu le dukɔ blibo ŋua?\nŊUTINYA 48 LIA\nWoble Yosua kple Israel-viwo ale be wobla nu kpli wo, gake Israel-viwo wɔ nubablaa dzi.\nŊUTINYA 49 LIA\nYehowa wɔ nane na Yosua si mewɔ kpɔ o, eye tso ɣemaɣi la, megawɔe kpɔ o.\nŊUTINYA 50 LIA\nBarak ye xɔ ŋgɔ na Israel-ʋakɔa le aʋa la me, ke nu ka tae wotsɔ bubua na Yael?\nŊUTINYA 51 LIA\nRut ʋu le wo de be yeanɔ Naomi gbɔ eye yeasubɔ Yehowa.\nŊUTINYA 52 LIA\nMawu to tsinono ƒe dodokpɔ tɔxɛ aɖe dzi tia ame siwo va nye asrafoha sue sia me tɔwo.\nŊUTINYA 53 LIA\nŊugbe si wòdo na Yehowa la va lɔ eya ŋutɔ kple via siaa ɖe eme.\nŊUTINYA 54 LIA\nAleke Delila wɔ nya nu si gbɔ Samson ƒe ŋusẽa tso?\nŊUTINYA 55 LIA\nMawu to Samuel ɖevi la dzi gblɔ gbedeasi sesẽ aɖe na Nunɔlagã Eli.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/","date":"2018-01-24T06:54:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00565.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990132451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990132451057434}","num_words":508,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Siria-fia Ben-Hadad hoa aʋa ɖe Israel-viwo ŋu edziedzi. Gake nyagblɔɖila Elisa gblɔnɛ na Israel-fia la, si wɔnɛ be metea ŋu va dzea wo dzi o. Eya ta Ben-Hadad ɖoe be yealé Elisa sesẽe adzoe. Ese be Elisa le Dotan dua me, eya ta edɔ Siria-ʋakɔa be woalée vɛ.\nSiria-ʋakɔa va Dotan le zã me. Esi ŋu ke la, Elisa ƒe subɔvi la do go eye wòkpɔ be aʋakɔ gã aɖe ƒo xlã dua. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdo ɣli gblɔ be: 'Aléle, Elisa nu kae míawɔ?' Elisa gblɔ nɛ be: 'Ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le wo dzi.' Enumake, Yehowa na Elisa ƒe subɔvi la kpɔ be sɔwo kple dzotasiaɖamwo yɔ to siwo katã ƒo xlã wo la dzi taŋtaŋ.\nEsi Siria-ʋakɔa dze agbagba be yewoalé Elisa la, edo gbe ɖa be: 'Yehowa, meɖe kuku na woƒe ŋkuwo nagbã.' Ewɔ nublanui be asrafoawo nɔ nu kpɔm gake womeganya afi si tututu wole o. Elisa gblɔ na wo be: 'Menye du lae nye esia o. Mikplɔm ɖo ne makplɔ mi yi ame si dim miele la gbɔ.' Wodze Elisa yome yi keke Samaria, afi si Israel-fia la le.\nEsi Siriatɔwo va nya afi si wole la, etsi megbe akpa. Israel-fia la bia Elisa be: 'Mawu woa?' Ðe Elisa kpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeaɖo eteƒe na ame siwo di be yewoatu nu kpli ye la? Kpao. Elisa gblɔ be: 'Mègawu wo o. Na nuɖuɖu wo eye nàna woatrɔ adzo.' Eya ta fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo eye emegbe edo mɔ wo.\n\"Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.\"—1 Yohanes 5:14","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/9\/nyagbl%C9%94%C9%96ila-elisa\/","date":"2018-01-18T08:17:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00201.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963514209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996351420879364}","num_words":285,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÈSUSU?\nAme kae nye nunana gãtɔ kekeake nala le xexea me?\n\"Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo, tso kekeliwo Fofo la gbɔ, eye eya metrɔna abe ale si vɔvɔli nɔa tɔtrɔm ene o.\"—Yakobo 1:17.\nGbetakpɔxɔ sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana nyuitɔ kekeake ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201711\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2018-01-18T08:17:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00201.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9865201116,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9865201115608215, \"ajg_Latn_score\": 0.013498866930603981}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yakob Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yakob, ame si nye Isak kple Rebeka ƒe viŋutsu ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yakob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yakob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013272\/univ\/art\/502013272_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yakob\/","date":"2018-01-18T08:16:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00201.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991845489,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991845488548279}","num_words":107,"character_repetition_ratio":0.13,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nWotrɔ asi le dɔwɔgbalẽvi sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu ale si wò seselelãmewo tea ŋu trɔna kabakabae la dzi.\nDɔwɔgbalẽvi sia akpe ɖe ŋuwò nàdzro nya siwo nègblɔna na Mawu le wò gbedodoɖa me kple eƒe nyonyome la me.\nKpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be dziwòlawo naka ɖe dziwò wu la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/d%C9%94deasigbal%E1%BA%BDviwo\/kpe-%C9%96e-amewo-%C5%8Bu\/","date":"2018-01-22T18:45:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891530.91\/warc\/CC-MAIN-20180122173425-20180122193425-00601.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984964132,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998496413230896}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU FƆ LAZARO ÐE TSITRE\nSANHEDRIN LA ÐO NUGBE BE YEWOAWU YESU\nEsi Yesu do go Marta kple emegbe Maria hã le Betania vɔ megbe la, woyi Lazaro ƒe yɔdoa to. Enye kpeto si nu wotsɔ kpe ɖo. Yesu gblɔ be: \"Miɖe kpe la ɖa.\" Nya sia ɖe fu na Marta, elabena menya nu si Yesu ɖo be yeawɔ o. Eya ta egblɔ be: \"Aƒetɔ, fifia anɔ ʋeʋẽm, elabena ŋkeke enee nye esia.\" Gake Yesu gblɔ nɛ be: \"Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?\"—Yohanes 11:39, 40.\nEya ta woɖe kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi hedo gbe ɖa be: \"Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom. Nyateƒee, menya be èɖoa tom ɣesiaɣi; ke ameha si le tsitre ɖe afi sia tae megblɔe ɖo, ne woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.\" Gbe si Yesu do ɖa le dutoƒo la na eteƒekpɔlawo kpɔe be Mawu ƒe ŋusẽ dzie wòato awɔ nu si wɔ ge wògbɔna. Azɔ Yesu do ɣli sesĩe be: \"Lazaro lee, do go!\" Ale Lazaro do go, eye ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ gakpɔtɔ le eŋu, avɔ si wotsɔ bla mo nɛ la hã gakpɔtɔ le mo nɛ. Yesu gblɔ be: \"Mitui, ne wòadzo.\"—Yohanes 11:41-44.\nYudatɔ geɖe siwo va akɔ fa ge na Maria kple Marta kpɔ nukunu sia eye woxɔ Yesu dzi se. Gake wo dometɔ bubuwo yi ɖagblɔ nu si Yesu wɔ la na Farisitɔwo. Farisitɔwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo wɔ ɖoɖo be Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nye Sanhedrin la nakpe ta. Kayafa, si nye nunɔlagã la, hã nye Sanhedrin la me tɔ. Wo dometɔ aɖewo fa konyi be: \"Nu ka wɔ ge míala, elabena ame sia le dzesi geɖewo wɔm? Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ekema wo katã woaxɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava xɔ míaƒe nɔƒe kple míaƒe dukɔa siaa le mía si.\" (Yohanes 11:47, 48) Togbɔ be ame siawo se ɖaseɖilawo ƒe nyawo be Yesu \"le dzesi geɖewo wɔm\" hã la, womele dzidzɔ kpɔm ɖe nu si Mawu le wɔwɔm to edzi la ŋu o. Ŋusẽnɔƒe kple ɖoƒe siwo wole la ŋu koe wotsi dzi ɖo.\nŊukpe gãe wònye na Zadukitɔwo be wofɔ Lazaro ɖe tsitre, elabena womexɔ tsitretsitsi la dzi se o. Azɔ Kayafa, si nye Zadukitɔ la, ƒo nu gblɔ be: \"Mienya naneke kura o. Ðe miekpɔe dze sii be ade mia dzi be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃ oa?\"—Yohanes 11:49, 50; Dɔwɔwɔwo 5:17; 23:8.\nEsi Kayafa nye nunɔlagã ta la, Mawu na wògblɔ nya ma—menye \"eya ŋutɔ ɖokui sie\" wògblɔe le o. Nu si gblɔm Kayafa nɔe nye be ele be woawu Yesu, ale be wòagayi edzi agblẽ nu le bubu kple ɖoƒe si Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo le la ŋu o. Ke hã, Kayafa ƒe nyagblɔɖia le kpe ɖom edzi be Yesu ƒe kua manye tafe ɖe Yudatɔwo ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe \"Mawu ƒe vi siwo ka hlẽ la\" katã hã ta.—Yohanes 11:51, 52.\nKayafa te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Sanhedrin la dzi be wowɔ ɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋu. Ðe Nikodemo, si nye Sanhedrin la me tɔ si dze xɔlɔ̃ Yesu la ava fi tofi nɛa? Aleke kee wòɖale o, Yesu dzo le Yerusalem ƒe nutoa me, si wɔe be meku do ŋgɔ na Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94subud%C9%94-yordan-%C6%92e-%C9%A3edze%C6%92e\/wof%C9%94-lazaro-tsitre\/","date":"2018-01-21T21:11:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00089.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997590661,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975906610488892}","num_words":543,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?\nYehowa Ðasefowo le xexea me godoo, eye wotso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple to sia to me. Nu kae na ameƒomevi vovovo siawo va wɔ ɖeka?\nMawu di be amewo nanya yeƒe lɔlɔ̃nu le anyigba bliboa dzi. Nu kae nye eƒe lɔlɔ̃nu, eye ame kawoe le nu fiam amewo tso eŋu egbea?\nÈnya Yehowa Ðasefo aɖewoa? Nu ka tututue nènya tso mía ŋu?\nDe dzesi susu etɔ̃ siwo tae míetsɔ ŋkɔ sia ɖo.\nAleke míawɔ aka ɖe edzi be nu si tututu Biblia fia la ƒe gɔmesese vavãtɔ ye su mía si egbea?\nNu kae na Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe sia ɖe dzesi?\nMíekpena srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo hedea dzi ƒo na mía nɔewo. Míaxɔ wò alɔ evee!\nMawu ƒe Nya de dzi ƒo be Kristotɔwo naƒo ƒu ɖekae. Srɔ̃ nu tso ale si hadede sia tɔgbi aɖe vi na wòe ŋu.\nÐe nèbu eŋu kpɔ be nu kae yia edzi le míaƒe kpekpewo me hã? Ðikeke mele eme o be nu nyui siwo nàsrɔ̃ tso Biblia me la alé dzi na wò.\nÐe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe awudodowo mea? Xlẽ nu tso Biblia me mɔfiame siwo kpena ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ ŋu.\nDzadzraɖo do ŋgɔ ana kpekpeawo dede naɖe vi na wò wu.\nKpɔ ale si ɖoɖo sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu kple ale si wòate ŋu ado ŋusẽ miaƒe ƒomekadodoa.\nƑe sia ƒe la, míekpea ta na wɔna vevi etɔ̃. Aleke takpekpe mawo ate ŋu aɖe vi na woe?\nMíesrɔ̃a kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi esime wònɔ anyigba dzi la. Gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu kawo ŋu dɔe wòwɔ?\nÐasefo aɖewo zãa gaƒoƒo 30, 50, alo esiwo wu ema ɣleti sia ɣleti ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nu kae ʋãa wo?\nSuku tɔxɛ kawoe woɖo na ame siwo tsɔ woƒe\nɣeyiɣiawo katã ɖo anyi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ?\nHamemetsitsiwo nye ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋkume, siwo xɔa ŋgɔ le hamea me. Kpekpeɖeŋu kae wonana?\nSubɔsubɔdɔwɔlawo kpea asi ɖe dɔ ŋu be nuwo nazɔ nyuie le hamea me. Kpɔ ale si woƒe dɔa ɖea vi na hamea katã.\nSusu kawo tae dzikpɔla mɔzɔlawo srãa hamewo kpɔna? Nu kawoe nàwɔ be woƒe sasrãkpɔa naɖe vi na wò?\nNe afɔku aɖe dzɔ la, míewɔa ɖoɖo enumake ɖe alɔdodo ame ŋutɔŋutɔ ŋu, eye míetsɔa Biblia me nyawo faa akɔ na mía nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo. Le mɔ kawo nu?\nYesu do ŋugbe be yeatia kluvi aɖe si anɔ Ŋɔŋlɔawo me nufiame nam le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Aleke wòwɔa esiae?\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, hamemetsitsiwo kple apostolowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖee nye dɔdzikpɔha na Kristo hamea. Ke egbea ya ɖe?\nBetel nye teƒe tɔxɛ aɖe si ŋu taɖodzinu vevi aɖe le. Xlẽ nu tso ame siwo wɔa dɔ le afi ma ŋu.\nWokplɔa amewo ɖia tsae le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖe sia ɖe. Míele kpewòm be nàva srã mí kpɔ!\nMíetaa agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me. Susu ka tae míele agbagba siawo katã dzem?\nNu kae na míaƒe habɔbɔa to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ le nudzɔdzɔ gome?\nNu ka tae míeyɔa míaƒe tadeaguƒewo be Fiaɖuƒe Akpatawo. Kpɔ ale si xɔ siawo siwo womeɖo atsyɔ̃ na fũu o la ɖea vi na hamewo.\nFiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ eye wòle nɔnɔme nyui me la nyea kafukafu na mía Mawu. Ðoɖo kawoe wowɔ ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu?\nÀdi be yeawɔ numekuku be yeadzi yeƒe Biblia me sidzedze ɖe edzia? Yi Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe!\nÀte ŋu axlẽ nu geɖe tso ame si míenye kple míaƒe dzixɔsewo ŋu eye nàkpɔ ŋuɖoɖo na wò Biblia me biabiawo.\nYehowa Mawu lɔ̃ wò vavã. Aleke nàte ŋu aɖee afia le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me be yedi be yeadze eŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/","date":"2018-01-21T21:12:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00089.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984779954,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984779953956604}","num_words":626,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nèhiã: Dzeɖoɖo ƒe ŋutete\nDzeɖoɖo le vevie eye ate ŋu\nakpe ɖe ŋuwò nàse dziwòlawo gɔme.\nakpe ɖe ŋuwò nàse nu si tae dziwòlawo gbe be yewomawɔ nu si nèbia wo o la gɔme.\nLe nyateƒe me la, ne èdina be woana ame tsitsiwo ƒe mɔnukpɔkpɔwo ye la, ke ehiã be nàtu ale si woɖoa dze tso nyawo ŋu abe ame tsitsi ene la ƒe ŋutete ɖo. Aleke nàwɔe?\nSrɔ̃ ale si nàɖu wò seselelãme dzi. Dzeɖoɖo nyui bia ɖokuidziɖuɖu. Biblia gblɔ be: \"\nBometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala fa enu emegbe.\"—Lododowo 29:11.\nNu ka míewɔnɛ? Ƒo asa na nugbenugbewɔwɔ, adãɖoɖo, dzikudodo ado ʋɔ gblaa alo ado dziku anɔ afɔ zim anyi le aƒea me. Ne èwɔa nu mawo la, ɖeko woagaxɔ ablɔɖe aɖewo le asiwò boŋ, womana ablɔɖe geɖe wu wò o.\nDze agbagba nàse dziwòlawo ƒe nyawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, mítsɔe be dziwòlawo medi be yewoaɖe mɔ na wò nàyi hadomewɔna aɖe teƒe o. Esi nànɔ nya hem kpli wo teƒe la, àte ŋu abia wo boŋ be:\n\"Ðe mialɔ̃ mayi ne ame tsitsi aɖe si dzi mieka ɖo akplɔm yia?\"\nAte ŋu adzɔ hã be dziwòlawo malɔ̃ ɖe edzi na wò o. Gake ne èse nu si ŋuti wotsi dzi ɖo gɔme la, awɔe be nàdo susu nyui aɖe ɖa si dzi woate ŋu ada asi ɖo.\nNa dziwòlawo naka ɖe dziwò. Tsɔe be ame aɖe doa ga le gadzraɖoƒe aɖe. Ne exea fe ɖe game dzi la, gadzraɖoƒea ava ka ɖe edzi eye woate ŋu alɔ̃ ado ga gbogbo aɖe nɛ gɔ̃ hã ɣebubuɣi.\nNenema ke wòle le aƒe me hã. Ènyi toɖoɖo ƒe fe le dziwòlawo ŋu. Eya ta ne èyi edzi nɔa woƒe sewo dzi dam la, megawɔ nuku na wò ne womegakana ɖe dziwò tututu alo womegakana ɖe dziwò kura o. Míate ŋu agblɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be \"wotutu ŋkɔwò le gadzraɖoƒea.\"\nGake ne èwɔa nuteƒe, le nu suewo gɔ̃ hã me la, anɔ eme be dziwòlawo aka ɖe dziwò le etsɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/a%C9%96o-dze-kple-dzinyelawo\/","date":"2018-01-20T11:34:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889567.48\/warc\/CC-MAIN-20180120102905-20180120122905-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982901812,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982901811599731}","num_words":334,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNye Asiwo Metsɔ Kpɔa Nui\nJames Ryan, si nye Yehowa Ðasefo la, nye tokunɔ tso eƒe dzigbe, eye eƒe ŋkuwo hã va gbã emegbe. Kpɔ nu si tae wòsena le eɖokui me be yeƒe ƒometɔwo kple yeƒe hametɔwo ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be nu geɖe su ye si wu nu siwo yebu la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agben%C9%94n%C9%94-%C9%96e-biblia-%C6%92e-m%C9%94fiamewo-nu\/nye-asiwo-mets%C9%94-kp%C9%94a-nui\/","date":"2018-02-22T00:10:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813818.15\/warc\/CC-MAIN-20180221222354-20180222002354-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988929629,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988929629325867}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AN�� ƒe 800 aɖewoe nye esi va yi si ame siwo nye Maoritɔwo zɔ mɔ kilometa akpe geɖe to atsiaƒu dzi va tsi New Zealand. Le afi sia la, wokpɔe be nutoa me to vovo kura na Polynesia ƒe ƒukpo si dzi yewoʋu tso la. Towo kple to siwo dzi tsikpewo tsana tso le teƒe sia, eye tawo kple sno hã le teƒea. Anɔ ƒe alafa atɔ̃ aɖewo megbe la, ame bubu aɖewo hã ʋu tso keke Europa ke va tsi afi ma. New Zealand tɔ geɖe wɔa nu abe Anglo-Saxon kple Polynesiatɔwo ene. Dua me tɔ blaasieke le alafa me le dugãwo me. Wellington si nye woƒe fiadu lae nye dugã si le anyiehe kekeake wu le xexea me.\nTogbɔ be teƒe si New Zealand le tso abo hã la, tsaɖila miliɔn etɔ̃ kloe ɖia tsa yia afi ma ƒe sia ƒe elabe teƒe vovovo siwo nya kpɔ la le afi ma.\nGbemelã vovovo siwo dome xe siwo medzona o bɔ ɖo le New Zealand wu teƒe bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Afi mae adoglo ƒomevi aɖe si woyɔna be tuatara, si tea ŋu nɔa agbe abe ƒe 100 ene la hã le! Agutɔ aɖewo kple tɔmelã gã aɖewo siwo ƒe ɖewoe nye boso kple eƒomevi vovovo aɖewo le afi ma.\nYehowa Ðasefowo le dɔ dzi le New Zealand anɔ ƒe 120 kloe ye nye esia. Wole Biblia fiam amewo le gbegbɔgblɔ 19 ya teti me, eye Polynesiatɔwo ƒe gbe siwo nye Niuegbe, Rarotongagbe, Samoagbe kple Tongagbe hã le gbe siawo dome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2017-december\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-new-zealand\/","date":"2018-02-19T10:22:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994977713,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994977712631226}","num_words":251,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le akpa sia míadzro Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ɖo kpe edzi be ŋusẽ gã le Yehowa si be wòawɔ nuwo, wòatsrɔ̃ nuwo, wòakpɔ ame ta, eye wòaɖɔ nuwo ɖo la me. Ne míese alesi Yehowa Mawu, amesi si \"ŋusẽ geɖe\" le, zãa eƒe 'alɔkame sesẽ' lae gɔme la, ana be vɔvɔ̃ kple bubu deto nɛ nayɔ míaƒe dzi me fũ.—Yesaya 40:26.\nLE AKPA SIA\nTA 4\nÐe wòle be míavɔ̃ na Mawu le eƒe ŋusẽ ta? Ele be míaɖo eŋu be ɛ̃ kple ao.\nTA 5\nTso ɣe gã nyadri la dzi yi aɖitsi sue la dzi, Mawu ƒe nuwɔwɔwo fiaa nu vevi aɖe mí tso eya amea ŋu.\nTA 6\nAleke \"ŋutifafa Mawu\" la awɔ aʋa ɖo?\nTA 7\nMawu kpɔa esubɔlawo ta le mɔ eve nu, gake ɖeka ya le vevie sãsãsã wu.\nTA 8\nYehowa gbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi xoxo. Nu kae wòagbugbɔ aɖɔ ɖo le etsɔ si gbɔna me?\nTA 9\nNu kawoe Yesu Kristo ƒe nukunuwo kple nufiafiawo ɖe fia tso Yehowa ŋu?\nTA 10\nŊusẽ anya anɔ asiwò wu ale si nèbui","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/te-%C9%96e-yehowa-%C5%8Bu\/%C5%8Bus%E1%BA%BD\/","date":"2018-02-24T15:53:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815843.84\/warc\/CC-MAIN-20180224152306-20180224172306-00274.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9931311011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9931311011314392}","num_words":171,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"17 Azɔ wozɔ mɔ to Amfipoli kple Apolonia, eye wova ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe nɔ. 2 Eye abe ale si Paulo wɔna ɖaa ene la, eyi ɖe eme le wo gbɔ, eye wòdzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo sabat etɔ̃ sɔŋ, 3 eye wònɔ nu me ɖem heyɔa nyawo tsɔ ɖoa kpe edzi be, ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome, eye wònɔ gbɔgblɔm be: \"Yesu sia si ŋu nya gblɔm mele na mi la, eyae nye Kristo la.\" 4 Eya ta wo dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kpakple Sila, eye Helatɔ siwo dea ta agu na Mawu la ƒe ha gã aɖe kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋɛ aɖe o, hã wɔe nenema. 5 Gake esi Yudatɔwo ʋã ŋu ta la, wokplɔ ame vɔ̃ɖi aɖewo tso dɔ aɖeke mawɔla siwo nɔa asi me la dome kpe ɖe wo ɖokuiwo ŋu, eye ale woɖo gbevuha aɖe hede zitɔtɔ dua me. Eye wodze Yason ƒe aƒe dzi, eye wonɔ didim be yewoakplɔ wo ayi na ameha la. 6 Esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔvi aɖewo yi dua me dziɖulawo gbɔ, eye wonɔ ɣli dom be: \"Ame siawo, siwo de zi anyigba dzi tɔwo katã me la, va ɖo afi sia hã, 7 eye Yason xɔ wo hewɔ amedzro na wo. Ame siawo katã wɔa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ƒe ɖoɖowo ŋu, hegblɔna be fia bubu aɖe li, si nye Yesu.\" 8 Nyateƒee, wona dzika tso ameha la kple dua me dziɖulawo ƒo esi wose nya siawo; 9 Eye esi woxɔ megbedaga agbɔsɔsɔme si hiã le Yason kple ame bubuwo si vɔ hafi woɖe mɔ na wo wodzo. 10 Enumake nɔviawo ɖo Paulo kple Sila siaa ɖe Beroia le zã me, eye esi wova ɖo la, woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la. 11 Ke ame siawo ɖɔ ʋu wu ame siwo le Tesalonika, elabena wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã. 12 Eya ta wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo, eye nenema kee Hela nyɔnu ŋkutatɔwo kple ŋutsuwo hã xɔe se, menye ame ʋɛ aɖe o. 13 Gake esi Yudatɔ siwo le Tesalonika la se be Paulo nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe nya le Beroia hã la, wova afi ma hã, be yewoade adã tame na ameawo ahade zi wo me. 14 Eye nɔviawo na Paulo dzo yi keke ƒu gome ke; gake Sila kple Timoteo ya tsi afi ma. 15 Ke hã, ame siwo nɔ Paulo ɖom ɖa la kplɔe va keke Atene ke, eye esi wòdɔ wo ɖe Sila kple Timoteo gbɔ, be woava ye gbɔ kaba la, wodzo. 16 Ke esi Paulo nɔ wo lalam le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi dzi le eme esi wòkpɔ be du la me yɔ fũu kple legbawo. 17 Eya ta ete numedzodzro kple Yudatɔwo le ƒuƒoƒe la, kpakple ame bubu siwo subɔa Mawu, eye wòdzroa nu me le asi me* gbe sia gbe kple ame siwo wòkpɔna le afi ma la hã. 18 Gake xexemenunyala siwo woyɔna be Epikurotɔwo kple Stoatɔwo dometɔ aɖewo va nɔ glãka hem kplii, eye wo dometɔ aɖewo nɔ gbɔgblɔm be: \"Nu kae nukpoloeƒola sia di be yeagblɔ?\" Bubuawo be: \"Ewɔ abe dutamawuwo ŋuti gbeƒãɖela aɖee wònye ene.\" Nu si tae nye be enɔ Yesu kple tsitretsitsi ŋuti nya nyui la gblɔm. 19 Eya ta wolée, eye wokplɔe yi Areopago la hegblɔ be: \"Àte ŋu ana míanya nu si nufiafia yeye sia si ŋu nya gblɔm nèle la nye nyuiea? 20 Elabena èle nane siwo míaƒe towo mese kpɔ o la gblɔm. Eya ta míedi vevie be míanya nu si tututu nu siawo nye la nyuie.\" 21 Le nyateƒe me la, Atenetɔwo kple amedzro siwo vaa afi ma la mezãa woƒe vovoɣiwo ɖe naneke ŋu tsɔ wu be woanɔ nya yeyewo gblɔm alo anɔ wo sem o. 22 Azɔ Paulo tsi tsitre ɖe Areopago la titina, eye wògblɔ be: \"Atenetɔwo, mekpɔe be le nu sia nu me la, edze abe mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ wu ame bubuwo ene. 23 Le kpɔɖeŋu me, esi menɔ tsa ɖim henɔ ŋku lém ɖe nu siwo miesubɔna ŋu nyuie la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe hã si ŋu woŋlɔ ɖo be 'Mawu Si Womenya O La Tɔe.' Eya ta nu si mienya o, hafi tsɔ mia ɖokui le enam la, eya ke ŋu nya gblɔm mele na mi. 24 Mawu si wɔ xexea kple nu siwo katã le eme, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔe Ame sia nye ta la, menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asi wɔ la me o, 25 eye menye ame ƒe asiwo hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, elabena eya ŋutɔe naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame. 26 Eye wòwɔ amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi, eye wòɖo ɣeyiɣi ɖoɖiwo kple amegbetɔwo nɔƒewo ƒe liƒowo ɖi, 27 bene woadi Mawu, ne ɖe woatsa asi adii kura gɔ̃ hã, ne woake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o. 28 Elabena eya dzie míeto le agbe, eye míeʋãna, eye míeli, abe ale si mia dome hakpanyaŋlɔla aɖewo kura gɔ̃ hã gblɔe ene be: 'Elabena eƒe viwoe míawo hã míenye.' 29 \"Eya ta esi míenye Mawu ƒe viwo ta la, mele be míasusu be mawunyenye la le abe sika alo klosalo alo kpe ene o, eye mele abe nane si ƒe nɔnɔme wokpa to amegbetɔ ƒe aɖaŋu kple tamesusu dzi la ene o. 30 Nyateƒee, Mawu ŋe aɖaba ƒu numanyamanya ƒe ɣeyiɣi mawo dzi, gake azɔ la, ele gbɔgblɔm na amegbetɔwo le afi sia afi be ele be wo katã woatrɔ dzi me. 31 Elabena eɖo ŋkeke aɖe ɖi, si dzi wòɖo tame be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba dzi tɔwo katã le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòɖo la dzi, eye wòna eŋuti kpeɖodzi amewo katã to efɔfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome me.\" 32 Ke esi wose tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋuti nya la, wo dometɔ aɖewo te fewuɖuɖu, gake bubuwo gblɔ be: \"Míagase nu le nya sia ŋu tso gbɔwò ɣebubuɣi.\" 33 Ale Paulo dzo le wo dome, 34 gake ŋutsu aɖewo va wɔ ɖeka kplii, eye wozu xɔsetɔwo; ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio, si nye ʋɔnudrɔ̃la le Areopago la, kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris, kpakple ame bubu siwo kpe ɖe wo ŋu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Eganye afi si hã amewo va kpea ta le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/17\/","date":"2018-02-24T15:33:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815843.84\/warc\/CC-MAIN-20180224152306-20180224172306-00274.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991146922,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991146922111511}","num_words":1051,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"NU KA TA dzinyee wòadzɔ ɖo? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ nu sia dzɔ ɖe dzinye?\" Nya siawoe ɖe fu na Sidnei, si xɔ ƒe 24, si tso Brazil. Edze afɔku le modzakaɖeƒe aɖe, si wɔe be wòva tsi bunɔkeke me.\nNe afɔku, dɔléle, ame vevi aɖe ƒe ku, dzɔdzɔmefɔku, alo aʋawɔwɔ na amewo le fu kpem la, zi geɖe la, ewɔna na wo be Mawu gblẽ yewo ɖi. Menye nu yeyee esia nye o. Esi nya vɔ̃wo tu blemafofo Hiob tre ɖe enu la, ebu fɔ Mawu vodadatɔe gblɔ bena: \"Medoa ɣli be nàxɔ nam, ke mètɔna nam o; metso ɖe tsitrenu, ke ɖeko nèle kpɔyem dũu. Ètrɔ zu ŋutasẽla ɖe ŋunye; ètsɔ wò alɔkame sesẽ la dze dzinye.\"—Hiob 30:20, 21.\nHiob menya ame si gbɔ eƒe fukpekpewo tso o, menya nu si tae wodzɔ alo nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe wo ŋu o. Dzidzɔtɔe la, Biblia na míenya nu si tae nu mawo dzɔna kple ale si wòle be míawɔ nui ne wodzɔ.\nÐE MAWU ÐOE BE AMEGBETƆWO NAKPE FUA?\nBiblia gblɔ tso Mawu ŋu be: \"Eƒe dɔwɔwɔ de blibo, elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o; dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.\" (5 Mose 32:4) Ekema ɖe wòasɔ be woagblɔ be Mawu si nye \"dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla\" la ɖoe be amegbetɔwo nakpe fu alo ezãa afɔku dziŋɔwo tsɔ hea to na wo alo tsɔ kɔa wo ŋua? Ðe gɔmesese le nya ma ŋua?\nNu si Biblia gblɔ boŋue nye be: \"Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, megagblɔ be: 'Mawue le teyem kpɔ' o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o.\" (Yakobo 1:13) Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be esi Mawu wɔ amegbetɔwo le gɔmedzedzea me la, nu sia nu de blibo. Esi wòwɔ Adam kple Xawa, siwo nye amegbetɔ gbãtɔwo la, ena nɔƒe nyui aɖe wo, ena nu siwo katã wohiã la wo hekpe ɖe dɔ si me dzidzeme le ŋu. Mawu gblɔ na wo be: \"Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.\" Eya ta susu aɖeke menɔ anyi si tae Adam kple Xawa nase le wo ɖokuiwo me be Mawu gblẽ yewo ɖi o.—1 Mose 1:28.\nGake egbea, nɔnɔmeawo mede blibo le mɔ aɖeke nu o. Amegbetɔwo le fu kpem tso keke blema ke. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖe eteƒe be: \"Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye wòle veve sem va se ɖe fifi.\" (Romatɔwo 8:22) Aleke wòdzɔe?\nNU KA TAE FUKPEKPE LI ÐO?\nHafi míate ŋu anya nu si tae fukpekpe li ɖo la, ele be míatrɔ ayi ɣeyiɣi si me wòdze egɔme. Mawudɔla dzeaglã aɖe si wova yɔ emegbe be Satana Abosam la na Adam kple Xawa tu afɔkpo mɔfiame si Mawu na wo le nyui kple vɔ̃ ŋu la. Mɔfiame mae nye se si Mawu de na wo be woagaɖu \"sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia\" ƒe tsetse o. Ke Abosam va gblɔ na Xawa be ne wogbe toɖoɖo Mawu la, womaku o, si fia be enɔ gbɔgblɔm be Mawu nye alakpatɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Satana tso Mawu nu be meɖe mɔ na eteviwo be woawo ŋutɔwo natso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu o. (1 Mose 2:17; 3:1-6) Satana ƒe nyawo fia be Mawu ƒe dziɖuɖu ɖe amegbetɔwo dzi made wo dzi o. Esiawo katã fɔ biabia vevi aɖe ɖe te, si nye: Ðe Mawu dze aɖu dzia?\nAbosam gafɔ nya bubu aɖe hã ɖe te. Egblɔ be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo subɔa Mawu ɖo. Hiob nye nuteƒewɔla, gake Abosam gblɔ tso eŋu na Mawu be: \"Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple eƒe nuwo katã ŋu godoo va kpe oa? . . . Gake ne èdo wò asi ɖa gblẽ nu siwo katã le esi dome la, aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume godoo.\" (Hiob 1:10, 11) Togbɔ be Hiob ŋue Satana gblɔ nya siawo le hã la, eƒe nyaa fia be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo katã subɔa Mawu ɖo.\nALE SI MAWU KPƆ NYA SIWO FƆ ÐE TE LA GBƆE\nMɔ kae nye nyuitɔ si dzi woato akpɔ nya vevi mawo siwo fɔ ɖe te la gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu? Mawu, si nye nunyala ɖeka hɔ̃ la nya egbɔkpɔnu nyuitɔ, si mana míase le mía ɖokui me be egblẽ mí ɖi o. (Romatɔwo 11:33) Eɖe mɔ be amegbetɔwo naɖu wo ɖokuiwo dzi hena ɣeyiɣi aɖe, ale be emetsonua nana míakpɔ ame si ƒe dziɖuɖu nye nyuitɔ.\nNɔnɔme wɔnublanui siwo le anyigba dzi egbea la ɖee fia kɔtɛ be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu do kpo nu keŋkeŋ. Menye ɖeko xexemedziɖuɖuwo do kpo ŋutifafa, dedienɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ hehe vɛ o, ke esusɔ vie woagblẽ anyigbaa keŋkeŋ. Esia ɖo kpe Biblia me nyateƒenya matrɔmatrɔ sia dzi be: \"Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.\" (Yeremiya 10:23) Mawu ƒe dziɖuɖu koe ate ŋu ahe ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ kple nudzedziname si anɔ anyi ɖaa la avɛ, elabena esiae nye Mawu ƒe tameɖoɖo.—Yesaya 45:18.\nKe aleke Mawu awɔ ana tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la nava eme? Ðo ŋku edzi be Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: \"Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.\" (Mateo 6:10) Ɛ̃, ne ɣeyiɣia de la, Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu siwo katã nana míekpea fu la ɖa. (Daniel 2:44) Ahedada, dɔléle kple ku nu ayi. Biblia gblɔ tso ame dahe la ŋu be, Mawu \"aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la.\" (Psalmo 72:12-14) Ŋugbedodo si le Biblia me na dɔnɔwoe nye be: \"Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, 'Mele dɔ lém' o.\" (Yesaya 33:24) Yesu gblɔ le ame kuku siwo dzi Mawu ƒe susu le la gɔ̃ hã ŋu be: \"Gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\" (Yohanes 5:28, 29) Ŋugbedodo nyui kawo gbegbee nye esi!\nALE SI MÍAÐU MƆKPƆKPƆBUÐEAME DZI\nƑe 17 megbe tso esime Sidnei, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze dze afɔkua la, egblɔ be: \"Nyemebu fɔ Yehowa Mawu gbeɖe ɖe afɔku si medze ta o, gake magblɔ be le gɔmedzedzea me la, mese le ɖokuinye me be egblẽm ɖi. Ɣeaɖewoɣi la, meléa blanui ŋutɔ, eye mefaa avi le esi mezu nuwɔametɔ ta. Ke hã Biblia na mekpɔe be afɔkua menye tohehe tso Mawu gbɔ o. Biblia gblɔ be, 'azãgbe kple nuɖiɖeame li na mí katã.' Medoa gbe ɖa na Yehowa hexlẽa ŋɔŋlɔ siwo ku ɖe nye nɔnɔmea ŋu, eye esia doa ŋusẽm henana nye dzi dzea eme.\"—Nyagblɔla 9:11; Psalmo 145:18; 2 Korintotɔwo 4:8, 9, 16.\nNe ewɔ na mí be Mawu gblẽ mí ɖi la, ŋkuɖoɖo susu siwo ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li kple ale si wòava ɖee ɖa kpuie dzi akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be megblẽ mí ɖi o. Míeka ɖe edzi be Mawu nye \"teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.\" Ame sia ame si ziɔa eƒe xɔse ɖe eya kple Via ŋu la, mɔkpɔkpɔ mabu ɖee o.—Hebritɔwo 11:6; Romatɔwo 10:11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/susu-be-mawu-gbl%E1%BA%BD-w%C3%B2-%C9%96i\/","date":"2018-02-19T10:23:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971590638,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971590638160706}","num_words":1154,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"INDONESIA nye ƒukpo 17,000 aɖewo ƒe ƒuƒoƒo. Wonya Indonesiatɔwo ɖe woƒe vividoɖeameŋu, dzigbɔɖi, amebubu kple amedzrowɔwɔ ta.\nIndonesiatɔwo ƒe nuɖuɖuwo nye mɔlu kple nudonu siwo atadi su nyuie zi geɖe hekpe ɖe atikutsetsewo ŋu. Le nuto aɖewo me la, ƒomewo ɖoa aba ɖe anyigba nɔa edzi ɖua nu, eye wokaa nudonuiawo kple asi kɔna ɖe mɔlua dzi. Indonesiatɔ geɖe gblɔna be ne yewoɖu nu aleae wòvivia yewo nu wu.\nIndonesiatɔwo lɔ̃a aɖaŋunuwo wɔwɔ, ɣeɖuɖu kple hadzidzi. Woƒe haƒonuwo dometɔ ɖekae nye anklong. Enye pampro siwo wotsi ɖe ati ŋu. Wotrɔ asi le pamproawo ŋu ale gbegbe be ne woʋuʋu haƒonua la, woɖina etɔxɛe. Hafi woate ŋu atsɔ haƒonu sia aƒo ha la, ele be haƒola geɖewo nawɔ woƒe akpa dzi, ame sia ame aƒo etɔ le ɣeyiɣi si sɔ dzi hafi.\nVa se ɖe ƒe 1400 Mía Ŋɔli ƒe ƒeawo me la, Hindu-subɔsubɔha kple Buddha-subɔsubɔha si va ɖe eyomee xɔ aƒe ɖe Indonesia. Kaka ƒe 1500 naɖo la, Islam ƒo ke ɖe to ɖe Indonesiatɔwo ƒe dekɔnuwo me. Europatɔwo va le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me be yewoadi nu ʋeʋĩwo, eye wotsɔ Kristo-subɔsubɔha vɛ.\nYehowa Ðasefowo, ame siwo wonya ɖe woƒe Biblia-fiafiadɔ siwo wowɔna le xexea me godoo ta la, le dɔ dzi vevie le Indonesia tso ƒe 1931 me. Egbea la, wosɔ gbɔ wu ame 22,000 le Indonesia, eye wole agbagba dzem vevie le gbeƒã ɖem na tokunɔwo hã. Nyitsɔ laa la, ame siwo wu 500 ye de tokunɔgbe me kpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ tsɔ ɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi.\nWotaa Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 98 me, Indonesiagbe (si wogayɔna be Bahasa Indonesia) hã le eme","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201304\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-indonesia\/","date":"2018-02-17T21:52:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807825.38\/warc\/CC-MAIN-20180217204928-20180217224928-00278.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999183476,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991834759712219}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpɔkplɔ kple Anyi\nGli tso ʋuu dze Akpɔkplɔ kple Anyi dzi:\nAkpɔkplɔ kple Anyi wónye xɔlɔ̃ vevie. Gbeɖeka la Anyi kpe Akpɔkplɔ be\nwòava ɖu nu kple ye. Esi Akpɔkplɔ nya be Anyi ɖana nu vivi ta ko la, metsi megbe o. Esi Akpɔkplɔ ɖa ɖo Anyi ƒe aƒeme ko la, ekpɔ anyitsi le trẽ gãa ɖe me eye Anyi le egbɔ. Esi Akpɔkplɔ te ɖe trẽ la gbɔ be yeade asi eme la, Anyi gblɔ nɛ be: \" Ao, xɔ̃nye, yi tɔme ɖa klɔ wò asiwo hafi nava ɖu nu kplim \" Akpɔkplɔ yi tɔme ɖa klɔ eƒe asiwo zi geɖe gake ɖe ko woƒona ɖi hafi wòva ɖoa Anyi ƒe aƒeme. Zi mamlɛtɔ la, Anyi no anyitsi la vɔ hafi Akpɔkplɔ trɔ tso tɔme va ɖo aƒea me. Akpɔkplɔ tsi numaɖu eye wòtrɔ yi eƒe aƒeme nublanuitɔe.\nEteƒe medidi hafi Akpɔkplɔ hã kpe Anyi be wòava ɖu nu kple ye o. Akpɔkplɔ ɖa nu nyuiewo siwo le ʋeʋem lilili. Esi Anyi geɖe Akpɔkplɔ ƒe aƒeme la, ekpɔ Akpɔkplɔ le nuɖuɖu nyuie la gbɔ. Ke esi Anyi gogo nuɖuɖua ko la, Akpɔkplɔ gblɔ nɛ bena: \" Xɔ̃nye Anyi, mateŋu ɖu nu kplim o. Elabena ele ha dzim \" Yi ɖe aƒela ƒe mɔnu eye na ɖe asi le wò hadzidzi la ŋu ɖe afima. Anyi wɔ esia zi geɖe gake meteŋu ɖe asi eƒe hadzidzi la o. Mlɔeba la Akpɔkplɔ hã ɖu nu la vɔ, Anyi la meteŋu ɖui o. Tso gbemagbe dzi la Akpɔkplɔ kple Anyi ƒe xɔlɔ̃nyenye trɔ eye wótrɔ zu futɔ. Wódometɔa ɖeke mega doa gbe na nɔvia o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/glitotowo\/134-akp-kpl-kple-anyi","date":"2018-02-24T23:29:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816068.93\/warc\/CC-MAIN-20180224231522-20180225011522-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992180467,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":11,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992180466651917}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME AÐE WƆ TIATIA NYUI LE POLAND\n\"MEXƆ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 15, eye le ɣleti ade megbe la, medze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Mezu gbesiagbe mɔɖela le ƒe ɖeka megbe. Esi medo le sekɛndrisuku (lycée) la, mebia be mayi aɖaɖe gbeƒã le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Nye susue nye be madzo le mía de, kple mamanye si menye Yehowa Ðasefo o la gbɔ. Ete ɖe dzinye vevie esi nutome sue dzikpɔla gblɔ nam be anyigbamama si me mawɔ dɔ le ye nye mía de afi sia tututu! Mewɔ abe ɖe esia mete ɖe dzinye o ene. Mede mo to, eye medzo le egbɔ be mabu nyaa ŋu. Emegbe megblɔ na nye gbeadzizɔhɛ be: 'Edze abe mele nu wɔm abe Yona ene. Gake Yona yi Niniwe mlɔeba. Eya ta nye hã mawɔ subɔsubɔdɔa le afi si wode asi nam.'\n\"Mele mɔɖeɖedɔa wɔm le mía de ƒe enee nye esia, eye mekpɔe be nunya le eme be mewɔ ɖe mɔfiafia si wonam dzi. Ale si menɔ nuwo ŋu bum tsã mesɔ o. Fifia mele dzidzɔ geɖe kpɔm. Le dzinu aɖe me la, mete ŋu srɔ̃ Biblia kple ame 24 sɔŋ. Meda akpe na Yehowa be fifia medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple mamanye si tsia tre ɖe ŋunye tsã.\"\nNYAMETSOTSO AÐE ÐE VI LE FIJI\nEle be nyɔnu aɖe si Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kplii la natso nya me nenye be ayi míaƒe takpekpe loo alo ayi srɔ̃a ƒometɔ aɖe ƒe dzigbezãɖuƒe. Srɔ̃aŋutsu ɖe mɔ nɛ be wòayi takpekpea. Nyɔnua gblɔ nɛ be ne wokpã takpekpea la, yeava kplɔ̃ɖoƒea. Gake esi wògbɔ tso takpekpea la, ekpɔe be ne yeyi dzigbezãɖuƒea la, agblẽ ye kple Yehowa dome, eya ta meyi o.\nSrɔ̃aŋutsua gblɔ na ƒometɔwo le kplɔ̃ɖoƒea be yeɖe mɔ na ye srɔ̃ be wòayi \"Ðasefowo ƒe kpekpea,\" ne wòava kplɔ̃ɖoƒea ne wokpã. Ƒometɔwo gblɔ nɛ be, \"Míenya be mava o; Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o!\" *\nEdzɔ dzi na ŋutsua be ye srɔ̃ meva kplɔ̃ɖoƒea o vavã, eye wòwɔ nu wòsɔ kple eƒe dzixɔsewo be yealé dzitsinya dzadzɛ me ɖe asi. Nyɔnua ƒe nuteƒewɔwɔ ʋu mɔ nɛ wòɖi ɖase na srɔ̃a kple ame bubuwo. Nu kae do tso eme? Srɔ̃aŋutsua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye eye wòle kpekpeawo dem kple srɔ̃a fifia.\n^ mm. 7 Kpɔ \"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\" le December 15, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-september-2016\/na-mawu-%C6%92e-m%C9%94fiafia-na%C9%96e-vi-na-w%C3%B2\/","date":"2018-02-23T17:07:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814801.45\/warc\/CC-MAIN-20180223154626-20180223174626-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994577765,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994577765464783}","num_words":382,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wòanya wɔ be ahedada nu nayia?\nAhedada kolikoli wɔnɛ be ƒe sia ƒe la, ame miliɔn geɖe kuna le nunyuimakpɔɖu kple dɔléle ta. Togbɔ be nu dze edzi na amewo le xexea ƒe akpa aɖewo hã la, ame gbogbo aɖewo li siwo da ahe kolikoli. Biblia ɖee fia be ahedada nye kuxi na ameƒomea tso gbe aɖe gbe ke.—Xlẽ Yohanes 12:8.\nDziɖuɖu si aɖu xexe bliboa dzi koe ate ŋu aɖe ahedada ɖa. Ele be ŋusẽ nanɔ dziɖuɖu ma si be wòama anyigbadzinuwo sɔsɔe ɖe ame sia ame nu eye wòatsi aʋawɔwɔ, si hã nye nu siwo koŋ hea ahedada vɛ dometɔ ɖeka la nu. Mawu do ŋugbe be yeahe dziɖuɖu sia tɔgbi vɛ.—Xlẽ Daniel 2:44.\nAme kae ate ŋu aɖe ahedada ɖa?\nYesu, si nye \"Ŋutifafafia\" si ŋugbe Mawu do la, ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ naxɔ xexea me. Ekema aƒe anɔ anyigbadzinɔlawo katã si, woawɔ dɔ siwo naa dzidzeme ame, eye nuɖuɖu abɔ.—Xlẽ Yesaya 9:6, 7; 65:21-23.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151001\/ahedada-nu-nayi\/","date":"2018-02-24T11:56:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944134951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944134950637817}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAgbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yewoahe ŋutifafa va anyigba dzi la do kpo nu eye woayi edzi ado kpo nu le susu geɖewo ta:\n\"\nAmegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.\" (Yeremiya 10:23) Womewɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o, eye ema ƒe gome hã mele wo si o, eya ta womate ŋu ahe ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa vɛ gbeɖe o.\n\"\nMigaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.\" (Psalmo 146:3, 4) Amegbetɔwo ƒe dziɖulawo, wo dometɔ siwo nye anukwaretɔwo gɔ̃ hã, mate ŋu aɖe nu siwo gbɔ aʋawɔwɔwo tsona la ɖa ɖaa o.\n\"\nLe ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava. Elabena amewo anye . . . ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.\" (2 Timoteo 3:1-4) Xexe gblẽku sia ƒe \"\nŋkeke mamlɛawo\" mee míele, enye ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme na wòsesẽ be ŋutifafa nanɔ anyi.\n\"\nBaba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.\" (Nyaɖeɖefia 12:12) Wotsɔ Abosam, ame si nye Mawu ƒe futɔ la, ƒu gbe ɖe anyigbanutowo me, eye wòle ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi hena wole eƒe nɔnɔme vɔ̃ɖiawo ɖem fia. Zi ale si Abosam kpɔtɔ nye \"\nxexe sia dzi ɖula la,\" míate ŋu anɔ ŋutifafa me gbeɖe o.—Yohanes 12:31.\n\"[Mawu Fiaɖuƒea] agbã fiaɖuƒe [siwo tsi tsitre ɖe Mawu ŋu la] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.\" (Daniel 2:44)Mawu Fiaɖuƒea ana míaƒe didi si nye be míanɔ ŋutifafa me tegbee la nava eme na mí, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ esia o.—Psalmo 145:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C5%8Butifafa-anyigba\/","date":"2018-02-22T19:55:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814249.56\/warc\/CC-MAIN-20180222180516-20180222200516-00250.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979673624,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979673624038696}","num_words":320,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑEWO kplɔ wo nɔewo ɖo va yi—ƒe 10, ƒe 20, ƒe 30, ƒe 39! Ke Israel-viwo gale gbeadzi ko. Gake Yehowa lé be na eƒe amewo le ƒe siawo katã me. Enyi wo kple mana. Etsɔ alilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòkplɔ wo kple dzobibi ƒe alili le zã me. Eye le ƒe siawo katã me la, woƒe avɔwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o.\nFifia la, ƒe 40 lia ƒe ɣleti gbãtɔ enye sia tso esime wodzo le Egipte. Israel-viwo gaƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Afisiae woɖo esime wodɔ ŋkutsala 12 la be woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba dzi abe ƒe 40 do ŋgɔ ene. Mose nɔvinyɔnu Miryam ku le Kades. Fukpekpe aɖe gava afisia hã abe tsã ene.\nAmeawo mekpɔ tsi aɖeke o. Eyata woto nyatoƒoe na Mose be: 'Ne ɖe míeku la, nenyo wu. Nukatae nèkplɔ mí tso Egipte va teƒe dziŋɔ sia, afisi mawɔ nuku aɖeke o la? Bli, gbotsetsewo, weintsetsewo kple yevuboɖawo meli o. Tsi teti, si míano la hã meli o.'\nEsi Mose kple Aron woyi takpexɔa me be woado gbe ɖa la, Yehowa gblɔ na Mose bena: 'Ƒo dukɔ la nu ƒu. Eye nàƒo nu na agakpe ma le wo katã ŋkume. Tsi geɖe ado tso eme na dukɔ la kple woƒe lãwo katã.'\nEye Mose ƒo dukɔ la nu ƒu hegblɔ be: 'Miɖo to, mi amesiwo meɖo dzi ɖe Mawu ŋu o! Ðe mí kple Aron míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?' Eye Mose tsɔ kpo la ƒo agakpe la zi eve, eye tsisisi gã aɖe do le agakpe la me. Ameawo kple lãwo katã kpɔ tsi geɖe no.\nGake Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose kple Aron ŋu. Ènya nusitaea? Elabena Mose kple Aron wogblɔ be yewoe ana tsi nado tso agakpea me. Gake le nyateƒe me la, Yehowae na. Eyata esi wònye Mose kple Aron meto nyateƒe le nusia me o ta la, Yehowa gblɔ be yele to he ge na wo. Egblɔ be: 'Miakplɔ nye dukɔ la ade Kanaan o.'\nEteƒe medidi o Israel-viwo dzo le Kades. Kasia wova ɖo Hor-to gbɔ. To sia tamee Aron ku ɖo. Exɔ ƒe 123 hafi ku. Israel-viwo lé blanui ŋutɔ, eyata ameawo katã fa na Aron ŋkeke 30 sɔŋ. Via Eleazar zu nunɔlagã ɖe eyome na Israel-dukɔ la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/mose-%C6%92o-agakpe\/","date":"2018-02-21T03:55:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813322.19\/warc\/CC-MAIN-20180221024420-20180221044420-00290.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995943904,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995943903923035}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 1-28, 2017 la le tata sia me.\nAGBEMEŊUTINYA\nLe ƒe geɖe siwo William Samuelson tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la, exɔ dɔdeasi vovovo siwo bia kutrikuku geɖe, ke hã, wohe dzidzɔ geɖe vɛ nɛ.\nAme kawoe dze na bubu? Eye nu ka tae? Aleke bubudede amewo ŋu aɖe vi na wòe?\nMíaƒe nyametsotso aɖewo me tsonuwo tea ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie?\nYuda fia siwo nye Asa, Yehosafat, Hizkiya kple Yosiya siaa da vo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Mawu gblɔ tso wo ŋu be wosubɔ ye kple dzi blibo. Nu ka tae?\nÀte ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso ame bubuwo ƒe vodadawo me, esiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me hã le eme.\nAte ŋu adzɔ be xɔ̃wò aɖe nagbɔdzɔ vie eye wòahiã be woado ŋusẽe. Aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu?\nAnyize aɖe si xɔ ƒe 3,000, si ƒe kakɛwo ŋu woke ɖo le to me le ƒe 2012 me la va nye nu si ŋu numekulawo trɔ woƒe susu ɖo vevie. Nu kae ɖe dzesi le nu si ŋu woke ɖo la ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2017\/","date":"2018-02-25T08:22:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816178.71\/warc\/CC-MAIN-20180225070925-20180225090925-00630.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998139441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981394410133362}","num_words":198,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMEWO dea asixɔxɔ ŋkɔ nyui ŋu ale gbegbe be le dukɔ aɖewo me la, wowɔ sewo be woatsɔ akpɔ eta. Se siawo dometɔ aɖewoe nye be woagaŋlɔ nya gbegblẽwo atsɔ agblẽ ame ƒe ŋkɔ le nyadzɔdzɔgbalẽwo alo nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me alo ada alakpa ɖe ame si atsɔ agblẽ eŋu o. Esia na míeɖo ŋku blemanya siawo dzi be: \"Ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe; eye bubunɔameŋu nyo wu klosalo kple sika.\" (Lododowo 22:1) Nu kae míawɔ be ŋkɔ nyui nanɔ mía ŋu eye amewo nade bubu mía ŋu? Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me.\nLe kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nya si Biblia gblɔ le Psalmo 15 lia ŋu kpɔ. Esi psalmowo ŋlɔla nɔ nyabiase si nye, \"Ame kae adze [Mawu ƒe] agbadɔ me?\" ŋu ɖom la, egblɔ be: \"Ame si . . . wɔa nu dzɔdzɔe eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me. Ame si metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o. Ame si gbɔ ame vloewo meɖia naneke le o, . . . Megbea eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã. . . . Eye mexɔa zãnu . . . o.\" (Psalmo 15:1-5) Ðe màde bubu ame si wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siawo dzi ŋu oa?\nNɔnɔme bubu si hã nana amewo dea bubu ame ŋue nye ɖokuibɔbɔ. Lododowo 15:33 gblɔ be: \"Ðokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.\" Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðokuibɔbɔla dea dzesi nu siwo me wòate ŋu awɔ asitɔtrɔ le eye wòdzea agbagba wɔnɛ. Azɔ hã, mesesẽna nɛ be wòaɖe kuku ne edze agɔ le ame aɖe dzi o. (Yakobo 3:2) Dadala ya mewɔa nu alea o, ke boŋ edoa dziku kabakaba. Lododowo 16:18 gblɔ be: \"Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.\"\nKe ne ame aɖe gblẽ wò ŋkɔ ya ɖe? Ðe wòle be nàtsi klokloklo akpɔ nyaa gbɔ le dziku mea? Bia ɖokuiwò be, 'Ne mele agbagba dzem be maʋli nye ŋkɔ ta la, ɖe mava nɔ alakpanyaa kakam boŋua?' Togbɔ be míate ŋu atsɔ se akplɔ amea hã la, Biblia ɖo aɖaŋu sia be: \"Mègatsi klokloklo nàtsɔ nya ayi ʋɔnui o.\" Ke boŋ \"kpɔ wò kple hawòvi dome nya gbɔ.\" (Lododowo 25:8, 9) * Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu awɔe be màgblẽ ga o.\nMenye subɔsubɔgbalẽ koe Biblia nye o. Enye agbalẽ si me mɔfiame bubu siwo akpe ɖe mía ŋu le agbe me la le. Nɔnɔme nyuiwo va sua ame siwo katã wɔna ɖe Biblia me mɔfiame nyui siawo dzi la si, eye esia wɔnɛ be bubu kple ŋkɔ nyui nɔa wo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2017-august\/%C5%8Bk%C9%94-nyui-nyo-wu-kesin%C9%94nu-ge%C9%96e\/","date":"2018-02-25T08:22:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816178.71\/warc\/CC-MAIN-20180225070925-20180225090925-00630.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976788163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997678816318512}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"22 Eye David gblɔ ha sia me nyawo na Yehowa+ le gbe si gbe Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me+ kple Saul si me.+ 2 Egblɔ be: \"Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ́ sesẽ+ kple nye Xɔnametɔ.+ 3 Nye Mawue nye nye agakpe,+ eyae mesi tso,Nye akpoxɔnu+ kple nye xɔxɔ* ƒe dzo,* nye dedienɔƒe,+Nye sitsoƒe,+ nye ɖela;+ wòe ɖem tso ŋutasẽlawo si me. 4 Meyɔ Yehowa, Ame si dze na kafukafu,Aɖem tso nye futɔwo si me. 5 Ku ƒe tsitsotsoe ɖe to ɖem;+Yakamewo ƒe tsiɖɔɖɔwo do ŋɔdzi nam.+ 6 Tsiẽƒe* ƒe kawo ƒo xlãm;+Ku ƒe mɔ̃tetrewo ƒo gom.+ 7 Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me,+Eye mele ɣlidodo dzi na nye Mawu. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me,Eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.+ 8 Anyigba ʋãnya heʋuʋu kpekpekpe;+Dziƒo ƒe anyinɔwo ʋuʋu,+Eye wodzo kpekpekpe, elabena wodo dziku nɛ.+ 9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me,Eye dzo flafla do tso eƒe nu me;+Dzoka xɔxɔwo tso egbɔ. 10 Eviã dziƒowo eye wòɖi ɖe anyi;+Eye blukɔ le eƒe afɔ te.+ 11 Enɔ kerubi+ dzi dzo va. Wokpɔe le gbɔgbɔ* ƒe aʋalawo dzi.+ 12 Eye wòtsɔ viviti ƒo xlã eɖokui abe agbadɔ ene,+Le tsiziwo kple alilikpo dodowo me. 13 Dzoka xɔxɔwo do tso keklẽ si le eŋgɔ la me. 14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo;+Dziƒoʋĩtɔ la na eƒe gbe ɖi.+ 15 Eda eƒe aŋutrɔwo+ tsɔ ka wo hlẽ;Kple dzikedzo, eye wòna wotɔtɔ.+ 16 Atsiaƒu gɔme dze;+Esi Yehowa blu la, anyigba ƒe agunuwo tsi ƒeƒle,Le eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ si gbɔ ɖe wo la ta.+ 17 Edo asi ɖa tso dzi lém;Ehem tso tsi goglowo me.+ 18 Eɖem tso nye futɔ sesẽ la si me,+Tso ame siwo lé fum, siwo sesẽ wum la si me. 19 Wodze dzinye le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe dzinye,+Ke Yehowae nye nye ziɔɖeŋu. 20 Ekplɔm do goe yi dedienɔƒe;*+Eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.+ 21 Yehowa ɖoa eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu;+Eɖoa eteƒe nam elabena nye asiwo me dza.+ 22 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi,Eye nyemetrɔ le nye Mawu yome wònye vɔ̃ mewɔ ɖe eŋu o. 23 Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo+ katã le ŋkunyeme;Eye nyematrɔ ɖa le eƒe sewo ŋu o.+ 24 Manye ame maɖifɔ+ le eŋkume,Eye makpɔ ɖokuinye dzi le vodada ŋuti.+ 25 Yehowa neɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu,+Le esi medza le eŋkume ta.+ 26 Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe;+Èwɔa nu fɔmaɖitɔe ɖe ame maɖifɔ ŋu;+ 27 Èdza na ame si dza,+Ke àdze aye* ɖe ame si ƒe mɔ glɔ̃ ŋu.+ 28 Elabena èxɔna na ɖokuibɔbɔlawo,+Ke ètɔa ŋku dadalawo, eye nèbɔbɔa wo ɖe anyi.+ 29 Oo Yehowa, wòe nye nye akaɖi;+Yehowae nana nye viviti me kɔna.+ 30 Elabena wò kpekpeɖeŋu ana manya adzoha ɖe nu;Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, mate ŋu aflɔ gli.+ 31 Mawu vavã la ƒe mɔ de blibo;+Yehowa ƒe nya dza.+ Akpoxɔnu wònye na ame siwo katã sinɛ tsona.+ 32 Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu?+ Eye ame kae ganye agakpe? Ðe menye mía Mawu la ɖeɖe koe oa?+ 33 Mawu vavã lae nye nye mɔ́ sesẽ,+Ana nye mɔ nade blibo,+ 34 Ena nye afɔwo le abe zinɔ tɔ ene;Ena metsi tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.+ 35 Efiaa aʋawɔwɔ nye asiwo;Ale be nye alɔwo nate ŋu abi akɔblidati. 36 Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu nam,Eye wò ɖokuibɔbɔe doa gãm.+ 37 Èkeke nye afɔɖoƒewo;Nye afɔwo maɖiɖi o.*+ 38 Mati nye futɔwo yome, ne matsrɔ̃ wo gbidigbidi;Nyematrɔ o, va se ɖe esime wotsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. 39 Matsrɔ̃ wo ahagbã wo gudugudu, ale be fɔfɔ maganɔ wo ŋu o;+Woadze anyi ɖe nye afɔ te. 40 Àtsɔ ŋusẽ abla akpa nam ɖe aʋa la ŋu;+Àna nye futɔwo nadze anyi ɖe tenye.+ 41 Àna nye futɔwo nasi le nunye;*+Mana ɖoɖoe nazi le ame siwo lé fum kaɖikaɖi la nu.+ 42 Wodoa ɣli be woaxɔ na yewo, ke xɔnametɔ aɖeke meli o;Wodoa ɣli na Yehowa, ke metɔna na wo o.+ 43 Mato wo memie woanɔ abe ʋu��udedi ene;Matu afɔ wo dzi afanya wo abe kpɔdomeeba ene. 44 Àɖem tso nye dukɔ si le vodada dim le ŋunye la si me.+ Àdzɔ ŋunye be manye dukɔwo ƒe tatɔ;+Dukɔ si nyemenya o la asubɔm.+ 45 Amedzroviwo ava bɔbɔ ɖe ŋkunyeme;+Nya si woase le ŋunye ana woaɖo tom. 46 Dzi aɖe le amedzroviwo ƒo;*Eye woanɔ ƒoƒom kpakpakpa ado tso woƒe bebeƒewo ava. 47 Yehowa le agbe! Woakafu nye Agakpe la;+ Woado nye xɔxɔ ƒe agakpe ƒe Mawu la ɖe dzi.+ 48 Mawu vavã lae biaa hlɔ̃ nam+Ebɔbɔa dukɔwo ɖe tenye,+ 49 Eɖeam tso nye futɔwo si me. Èdoam ɖe dzi+ megbɔa ame siwo tso ɖe ŋunye la ta;Èɖeam tso ŋutasẽla si me.+ 50 Oo Yehowa, esia tae mada akpe na wò le dukɔwo dome ɖo,+Eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ la:*+ 51 Ewɔa xɔxɔdɔ gãwo na eƒe fia la;*+Eye wòɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa eƒe amesiamina la,Eɖenɛ fiana David kple eƒe dzidzimevi la tegbee.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nye xɔnametɔ triakɔ.\"\n^ Alo, \"ya.\"\n^ Alo, \"gbadzaƒe.\"\n^ Agate ŋu afia, \"àwɔ nu abe bometsila ene.\"\n^ Alo, \"afɔkɔewo nagagli o.\"\n^ Alo, \"Àna nye futɔwo natrɔ ʋume dem.\"\n^ Alo, \"Woƒe lãme atu.\"\n^ Alo, \"maƒo ha.\"\n^ Alo, \"Ena aʋadziɖuɖu gã eƒe fia la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-samuel\/22\/","date":"2018-03-17T19:20:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645280.4\/warc\/CC-MAIN-20180317174935-20180317194935-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982013106,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998201310634613}","num_words":797,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YOSEF megate ŋu ɖu eƒe seselelãmewo dzi azɔ o. Egblɔ na eƒe dɔlawo katã be woado go le xɔa me. Esi eya kple nɔviawo ɖeɖeko susɔ la, Yosef de asi avifafa me hehehe. Míate ŋu akpɔ alesi nɔviawo lulue la le susu me, elabena womenya nusitae wòle avi fam o. Mlɔeba la, egblɔ be: 'Nyee nye Yosef. Fofonye gale agbea?'\nNɔviawo ƒe mo wɔ yaa ale gbegbe be woƒe nu tsi tè. Vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake Yosef gblɔ bena: 'Taflatse mite ɖe ŋunye.' Esi wote ɖe eŋu la, egblɔ bena: 'Nyee nye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la.'\nYosef yi edzi ƒo nu dɔmenyotɔe be: 'Megave mi be mietsɔm dzra ɖe afisia o. Nyateƒee, Mawue dɔm ɖe Egipte be maxɔ amewo ɖe agbe. Farao ɖom dziɖulae ɖe dukɔ blibo la katã dzi. Eyata azɔ netsɔ kaba miatrɔ ayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nya sia nɛ. Eye miagblɔ nɛ be neva nɔ gbɔnye afisia.'\nEmegbe Yosef keke eƒe abɔwo kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo katã. Esi Farao se be Yosef nɔviwo va la, egblɔ na Yosef bena: 'Na woatsɔ tasiaɖamwo ne woayi aɖakplɔ wo fofo kple woƒe ƒometɔwo, eye woatrɔ ava afii. Mana anyigba nyuitɔ kekeake, si le Egipte la wo.'\nWowɔ nenema. Àte ŋu akpɔ Yosef le afisia wòwɔ atuu na fofoa esime wòva Egipte kple eƒe ƒomea katã.\nYakob ƒe ƒomea va dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ne woxlẽ Yakob kple viawo kpakple tɔgbuiyɔviawo la, wo katã wole ame 70 le esime woʋu yi Egipte. Gake wo srɔ̃ nyɔnuawo kple ɖewohĩ dɔla geɖewo hã kpe ɖe wo ŋu. Amesiawo katã nɔ Egipte. Woyɔ wo be Israel-viwo, elabena Mawu trɔ Yakob ƒe ŋkɔ wòzu Israel. Israel-viwo va zu dukɔ vevi aɖe na Mawu, abe alesi míakpɔe emegbe ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/israel-le-egipte\/","date":"2018-03-17T19:19:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645280.4\/warc\/CC-MAIN-20180317174935-20180317194935-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990435839,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990435838699341}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"FEBRUARY (DZODZE) 12, 2016\nKYRGYZSTAN\nKyrgyzstan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ adrɔ̃ nya eve aɖewo siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ, habɔbɔ kple susuɖegblɔ ƒe ablɔɖe ŋu.\nFebruary (Dzodze) 15, 2016. Yehowa Ðasefowo bia be woagbugbɔ adrɔ̃ ale si Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Mawusubɔsubɔnyawo Gbɔ gbe be yewomade Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha ene agbalẽ me le se nu o ƒe nya la na yewo. Esi Kɔmitia gbe esia wɔwɔ la, etu afɔkpo nyametsotso si Dukplɔseŋubuha ɖe ɖe go le September (Anyɔnyɔ) 4, 2014 dzi ku ɖe nya sia tututu ŋu.\nFebruary (Dzodze) 24, 2016. Woagbugbɔ adrɔ̃ aƒenɔ Oksana Koriakina kple nɔa Nadezhda Sergienko ƒe nyaa abe ale si Osh Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamala bia ene. Amesamala bia be woate fli ɖe ale si woɖe asi le nyɔnu siawo ŋu la me. Ete ɖe Yehowa Ðasefowo dzi be Osh Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamala bia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃, elabena nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ɖee fia kɔtɛe va yi xoxo be setɔwo da dukplɔsea dzi esi wolé nyɔnu siawo tu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/kyrgyzstan\/%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e-k%C9%94k%C9%94t%C9%94-%C6%92e-nyad%C9%94dr%C9%94%CC%83-20160212\/","date":"2018-03-19T22:27:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00264.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982275367,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982275366783142}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Burkina Faso enye\nAfrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele\nAfrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Edo liƒo kple\nCôte d'Ivoire,\nGhana,\nTogo kpakple\nBenin le eƒe anyigbe lɔƒo,\nNiger le eƒe ɣedzeƒe lɔƒo, kple\nMali le eƒe dzigbe. Dukɔ sia ƒe ŋkɔ xoxoa enye\nDahomey. Burkina Faso ƒe dugã enye\nOuagadougou. Gbe si wogblɔna le dɔwɔƒewo enye\nFransegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.know.cf\/enciclopedia\/ee\/Burkina_Faso","date":"2018-03-18T09:49:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645604.18\/warc\/CC-MAIN-20180318091225-20180318111225-00518.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9861130714,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9861130714416504, \"ajg_Latn_score\": 0.013906297273933887}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.97,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nusi xɔ sia nyea? Enye avɔgbadɔ tɔxɛ aɖe hena tadedeagu na Yehowa. Wogayɔnɛ hã be takpexɔ. Wowu etutu nu esime wodzo le Egipte ƒe ɖeka megbe. Ènya amesi ɖo aɖaŋu be woatuia?\nYehowae ɖoe. Esi Mose nɔ Sinai-toa dzi la, Yehowa gblɔ alesi woatui la nɛ. Ebe woatui le mɔ aɖe nu be woate ŋu akakae bɔbɔe. Esia ana be woate ŋu atsɔe ayi teƒe bubu ahatu ake. Eyata esi Israel-viwo ʋu tso teƒe yi teƒe le gbeadzi la, wonɔ agbadɔ la kɔm ɖe asi.\nNe èkpɔ xɔ vi, si le agbadɔ la ƒe mlɔenu me la, àkpɔ aɖaka aɖe. Woyɔnɛ be nubablaɖaka. Mawudɔla alo kerubi eve, siwo wotsɔ sika wɔe la le edzi; ɖeka le akpa ɖeka, eye ɖeka hã le akpa kemɛ. Mawu gaŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe gbadza eve dzi, elabena Mose gbã gbãtɔawo. Wotsɔ kpe siawo da ɖe nubablaɖaka la me. Wotsɔ ze, si me mana le hã de aɖaka la me. Èɖo ŋku nusi mana nye la dzia?\nMose nɔvi Aron ye Yehowa tia be wòanye nunɔlagã. Eyae kplɔa ameawo le Yehowa subɔsubɔ me. Eye viawo hã nye nunɔlawo.\nFifia kpɔ agbadɔ la ƒe xɔ gãtɔ me ɖa. Elolo abe xɔ suetɔ ƒe eve ene. Èkpɔ aɖaka, si me dzudzɔ aɖe le dodom lea? Esiae nye vɔsamlekpui, si dzi nunɔlawo mea nane, si ʋẽna lilili woyɔna be dzudzɔ ʋeʋẽe la le. Azɔ akaɖiti, si dzi akaɖi adre le la li. Nu etɔ̃lia, si le xɔa mee nye kplɔ̃. Wotsɔa abolo 12 dana ɖe edzi.\nLe takpexɔ la ƒe xɔxɔnu la, agba gã aɖe li, esi me tsi le. Nunɔlawo klɔa asi ɖe eme. Vɔsamlekpui gã aɖe hã li. Esia dzie womea lãwo le abe vɔsa ene na Yehowa. Avɔgbadɔ la le asaɖa la titina, eye Israel-viwo nɔ woƒe agbadɔwo me ƒo xlãe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/av%C9%94gbad%C9%94\/","date":"2018-03-17T20:23:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645310.34\/warc\/CC-MAIN-20180317194447-20180317214447-00733.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984788299,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984788298606873}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa tia Yeremiya be wòanye nyagblɔɖila na Yudatɔwo. Egblɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã eye wòaxlɔ̃ nu ameawo be woadzudzɔ nu baɖawo wɔwɔ. Yeremiya gblɔ be: 'Gake Yehowa, ŋutsuvi dzaa ko menye. Nyemenya nya si magblɔ na ameawo o.' Yehowa gblɔ nɛ be: 'Mègavɔ̃ o. Magblɔ nya si nàgblɔ la na wò. Makpe ɖe ŋuwò.'\nYehowa gblɔ na Yeremiya be wòaƒo dukɔa ƒe ametsitsiwo nu ƒu eye wòagbã ze le wo ŋkume ahagblɔ be: 'Woatsrɔ̃ Yerusalem abe ze sia ene.' Esi Yeremiya wɔ nu si Yehowa gblɔ la, ametsitsiawo kpɔ dziku ɖe eŋu vevie. Nunɔla Pashur ƒo Yeremiya eye wòbɔ pãe. Yeremiya tsi teƒe ɖeka zã bliboa katã. Esi ŋu ke la, Pashur ɖe Yeremiya le pã la me. Yeremiya gblɔ be: 'Nyemagate ŋu anɔ te ɖe esia nu o. Madzudzɔ gbeƒãɖeɖe.' Gake ɖe wòdzudzɔ nyateƒea? Ao. Esi Yeremiya gabu nyaa ŋu vie la, egblɔ be: 'Yehowa ƒe nya le abe dzobibi ene le menye. Nyemate ŋu adzudzɔ gbeƒãɖeɖe o.' Yeremiya yi edzi xlɔ̃ nu ameawo.\nLe ƒe aɖewo megbe la, Woɖo fia yeye le Yuda. Nunɔlawo kple aʋatsonyagblɔɖilawo lé fu gbedeasi si ƒe gbeƒã ɖem Yeremiya nɔ la. Wogblɔ na amegãwo be: 'Ele be míawu ŋutsu sia.' Yeremiya gblɔ be: 'Ne míewum la, ke míewu ame maɖifɔ. Nya si Yehowa gblɔ lae megblɔ, ke menye nye ŋutɔ nye nyae o.' Esi amegãwo se nya sia la, wogblɔ be: 'Mele be míawu ŋutsu sia o.'\nYeremiya yi gbeƒãɖeɖea dzi eye amegãwo do dziku vevie. Wogblɔ na fia la be wòawu Yeremiya. Fia la gblɔ be woate ŋu awɔ nu si dze wo ŋu ɖe Yeremiya ŋu. Wotsɔ Yeremiya ƒu gbe ɖe vudo aɖe si goglo ŋutɔ si me ba le la me, eye wosusui be aku. Yeremiya te toyiyi le baa me.\nEmegbe aƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Ebed-Melek gblɔ na fia la be: 'Amegãwo tsɔ Yeremiya de vudo me! Ne míegblẽe ɖe afi ma la aku.' Fia la ɖe gbe na Ebed-Melek be wòakplɔ ame 30 kpe ɖe eɖokui ŋu ne woahe Yeremiya adoe le vudoa me. Mèkpɔe be ele be míanɔ abe Yeremiya, ame si mena naneke xe mɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã la ene oa?\n\"Amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.\"—Mateo 10:22","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/nyagbl%C9%94%C9%96ila-yeremiya\/","date":"2018-03-24T11:21:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257650188.31\/warc\/CC-MAIN-20180324093251-20180324113251-00004.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994083643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994083642959595}","num_words":379,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la ene siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes be woava nye ameɖelawo. Azɔ le Sabat dzi la, wo katã woyi wo gbɔ ƒuƒoƒe aɖe si le Kapernaum la me. Yesu fia nu le ƒuƒoƒea, eye ale si wòfia nui la gana amewo ƒe nu ku. Efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene, ke menye abe agbalẽfialawo ene o.\nŊutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la nɔ afi ma le Sabat sia dzi. Kasia, ŋutsua do ɣli sesĩe le ƒuƒoƒea be: \"Nya kae le mí kpli wò dome, wò, Yesu Nazaretetɔ? Ðe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si tututu nènye, Mawu ƒe Kɔkɔetɔ lae nènye!\" Yesu ka mo na gbɔgbɔ vɔ̃ si nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe ŋutsua dzi la be: \"Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme!\"—Marko 1:24, 25.\nAle gbɔgbɔ vɔ̃a tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi henyamae eye wòdo ɣli sesĩe. Gake gbɔgbɔ vɔ̃a do go le eme eye \"mewɔ nu vevi aɖekee o.\" (Luka 4:35) Ame siwo kpɔ nu sia teƒe le ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ! Wobia be: \"Nu ka gɔ̃e nye esia? . . . Ŋusẽ le esi wòɖea gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔwo gɔ̃ hã, eye woɖoa toe.\" (Marko 1:27) Mewɔ nuku o be nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋu nya kaka ɖe Galilea nutoa katã me.\nEsi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le ƒuƒoƒea la, woyi Simon, si wogayɔna be Petro, ƒe me. Petro lɔ̃xo nɔ asrã sesẽ aɖe lém. Woɖe kuku na Yesu be wòakpe ɖe eŋu. Eya ta Yesu te ɖe eŋu eye wòlé eƒe alɔnu wòfɔ. Enumake ehaya eye wòsubɔ Yesu kple nusrɔ̃la siwo kpe ɖe eŋu, eye anye be eɖa nu na wo.\nLe ɣeɖoto lɔƒo la, amewo tso afi ma nutowo katã me kplɔ woƒe dɔnɔwo va Petro ƒe aƒe me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, edze abe ɖe du bliboa katã va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu ene. Nu ka tae? Wodi be woada gbe le yewo ŋu. Le nyateƒe me la, \"ame siwo si dɔ vovovo lélawo le la kplɔ wo va egbɔ. Eda eƒe asiwo ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi heda dɔa na wo.\" (Luka 4:40) Ɛ̃, eɖanye dɔ ka lém wole o, Yesu da gbe le wo ŋu, abe ale si wogblɔe ɖi ene. (Yesaya 53:4) Ena ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le hã vo tso wo si me. Ne gbɔgbɔ vɔ̃awo le go dom la, wodoa ɣli be: \"Wòe nye Mawu ƒe Vi la.\" (Luka 4:41) Gake Yesu kaa mo na wo eye meɖea mɔ na wo be woaƒo nu o. Wonyae be Yesu ye nye Kristo la, eye Yesu medi be yeaɖe mɔ na wo woawɔ nu abe Mawu vavã la subɔmee wole ene o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/w%C9%94-nukunuwo-Kapernaum\/","date":"2018-03-24T11:20:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257650188.31\/warc\/CC-MAIN-20180324093251-20180324113251-00004.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990497231,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999049723148346}","num_words":443,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ ŋua? Fiawo ŋkumee wòado ɖo; mado ɖe ame tsɛwo ŋkume o.\"\n\"Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.\"\n\"Ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/nu-kae-biblia-gbl%C9%94-tso-d%C9%94w%C9%94w%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2018-03-19T15:36:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257646952.38\/warc\/CC-MAIN-20180319140246-20180319160246-00058.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9887916446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9887916445732117, \"ajg_Latn_score\": 0.01122833788394928}","num_words":65,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame siwo nɔ Asiria ƒe dugã si nye Niniwe me la vɔ̃ɖi. Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖila Yona be wòayi Niniwe ne wòaxlɔ̃ nu wo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. Gake Yona si ɖo ta teƒe bubu kura. Eɖo tɔdziʋu aɖe si yina Tarsis.\nEsi tɔdziʋua nɔ atsiaƒua dzi yina la, ahom sesẽ aɖe tu eye ʋua me nɔlawo vɔ̃ ŋutɔ. Wodo gbe ɖa na woƒe mawuwo eye wobia be: 'Nu ka gbɔe nu sia tso?' Mlɔeba Yona gblɔ na wo be: 'Gbɔnyee wòtso. Yehowa dɔm be mawɔ dɔ aɖe gake mesi. Mikɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒua me ekema ahom la atɔ.' Tɔdziʋua me dɔwɔlawo medi be yewoakɔ Yona aƒu gbe ɖe tsia me o, gake eƒoe ɖe wo nu be woawɔe. Esi wokɔe ƒu gbe ɖe tsia me la, ahom la tɔ.\nYona susu be yele kuku ge. Esi wònɔ tsia gɔme yim la, edo gbe ɖa na Yehowa. Eye Yehowa dɔ tɔmelã gã aɖe ɖa wòva mi Yona, gake mewu Yona o. Yona do gbe ɖa le tɔmelãa ƒe dɔ me be: 'Mele ŋugbe dom na wò be maɖo to wò ɣesiaɣi.' Yehowa kpɔ Yona ta le tɔmelãa ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ eye wòna tɔmelãa va dzɔe ɖe gota.\nEsi Yehowa kpɔ Yona ƒe agbe ta ta la, ɖe wòfia be mele be wòagayi Niniwe kura oa? Gbeɖe. Yehowa gagblɔ na Yona be wòayi Niniwe. Fifia ya Yona ɖo to. Eyi Niniwe eye wògblɔ na ame vɔ̃ɖi mawo be: 'Esusɔ ŋkeke blaene ne woatsrɔ̃ Niniwe.' Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ, Niniwetɔwo ɖo to eye wotrɔ dzi me. Niniwe-fia gblɔ na eƒe amewo be: 'Miɖe kuku na Mawu eye mitrɔ dzi me. Ðewohĩ matsrɔ̃ mí o.' Esi Yehowa kpɔ be wotrɔ dzi me la metsrɔ̃ Niniwe o.\nYona kpɔ dziku vevie be wometsrɔ̃ dua o. Wò ya bu eŋu kpɔ: Yehowa gbɔ dzi ɖi na Yona eye wòkpɔ nublanui nɛ, gake Yona ya gbe be yemakpɔ nublanui na Niniwetɔwo o. Ke boŋ ebɔbɔ nɔ goeka aɖe te le dua godo eye wòyɔ mo lilili. Eyome goekaa ku eye Yona kpɔ dziku. Eya ta Yehowa gblɔ na Yona be: 'Goeka sia xɔ asi na wò wu Niniwetɔwo. Mekpɔ nublanui na wo be woatsi agbe.' Nu kae Yona srɔ̃ tso eme? Esrɔ̃e be Niniwetɔwo le vevie wu goeka.\n\"Yehowa . . . gbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.\"—2 Petro 3:9","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/9\/yona\/","date":"2018-04-25T01:17:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947654.26\/warc\/CC-MAIN-20180425001823-20180425021823-00562.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990409613,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999040961265564}","num_words":403,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sylvia, si wɔa dɔ le lãmesẽdɔwɔƒe aɖe la gblɔ be: \"Ame geɖe siwo mía kpli wo míede kɔledzi la gblɔna be mawusubɔlawoe yewonye. Gake wofia dodokpɔ eye wozãa atike vɔ̃ɖiwo. Mawusubɔsubɔ mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi o.\"\nŊutsu aɖe si ŋkɔe nye Lionel gblɔ be: \"Nye dɔwɔhatiwo daa alakpa gblɔna be yewodze dɔ evɔ le nyateƒe mea, womedze dɔ hafi o. Ðeko wotɔ ŋkɔ be yewonye mawusubɔlawo, womenɔa agbe abe mawusubɔlawo ene o.\"\nMawusubɔsubɔ mekpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖe ame geɖe ƒe agbenɔnɔ dzi o. \"Ðokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme\" koe le ame geɖe si egbea, gake \"womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o.\" (2 Timoteo 3:5) Subɔsubɔhakplɔlawo meɖoa kpɔɖeŋu nyui o, eye womefiaa nu hameviawo tso Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu ale si dze o. Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe susuna be Mawu metsɔ ɖeke le agbe si ƒomevi yewonɔna me o.\nNU KAE BIBLIA FIA TSO NYA SIA ŊU?\nBiblia ɖee fia be seselelãme le Mawu si eye be míaƒe nuwɔna ate ŋu ado dziku nɛ loo alo ado dzidzɔ nɛ. Esi blema Israel viwo dze aglã ɖe Mawu ŋu la, esia 'do dziku nɛ.' (Psalmo 78:40) Gake ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me la, enyea \"dzidzɔ geɖe le dziƒo.\" (Luka 15:7) Ne ame aɖe nya mía Fofo si le dziƒo la ƒe nɔnɔme lédzinamewo nyuie la, eƒe lɔlɔ̃ na eyama ade to ɖe edzi, eye esia aʋãe wòalɔ̃ nu siwo Mawu lɔ̃na ahalé fu nu siwo wòléa fui.\nALEKE YEHOWA ÐASEFOWO WƆA NU LE GO SIA ME?\nNyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu be wofiaa nu woƒe hameviwo \"be woalɔ̃ woƒe ƒomewo, anye dɔwɔla nyuiwo kple dukɔmevi siwo ɖia anukware.\" Egblɔ kpee be: \"Hameviawo nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu. Woxɔe se be atamanono, aha tsu nono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, tsatsadada, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ nye nu vɔ̃ gã siwo gblẽa ame kple Mawu dome ƒomedodo me.\"\nÐe subɔsubɔhakplɔlawo te ŋu kpe ɖe woƒe hameviwo ŋu be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo nua?\nAleke nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu kpena ɖe Ðasefowo ŋui? Sylvia, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, gblɔ be: \"Nu fitifiti wɔwɔ bɔ le lãmesẽdɔwɔƒewo. Ele bɔbɔe be wò hã nàƒo ɖokuiwò ɖe eme. Gake ale si Yehowa * ase le eɖokui me tso nye nuwɔnaa ŋu gɔmesese nyuie kpe ɖe ŋunye mewɔ nu si sɔ. Esia na mele dzidzɔ kpɔm eye nye dzitsinya mebua fɔm o.\" Sylvia ka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe yeƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu na yeƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi.\n^ mm. 9 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130701\/sub%C9%94sub%C9%94hawo-agbe-nyui-n%C9%94n%C9%94\/","date":"2018-04-22T19:56:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974025488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997402548789978}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WODZI YESU LE BETLEHEM\nALẼKPLƆLAWO VA KPƆ YESU ÐA\nRoma Fiaɖuƒea ƒe fiagã Kaisaro Augusto de se be ame sia ame naŋlɔ ŋkɔ. Eya ta ele be Yosef kple Maria nayi Betlehem, si le Yerusalem ƒe anyiehe, afi si wodzi Yosef le.\nAme geɖe va ŋkɔ ŋlɔ ge le Betlehem. Lãkpo, si nye tedziwo kple lã bubuwo nɔƒe, koe Yosef kple Maria te ŋu kpɔ dze. Afi mae wodzi Yesu le. Maria xatsa avɔ ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.\nAnye Mawue na Kaisaro Augusto de se be amewo naŋlɔ ŋkɔ. Nu ka tae? Elabena esia na wote ŋu dzi Yesu le Betlehem, si nye tɔgbuia Fia David wo de. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi xoxoxo be afi mae woadzi Dziɖula si ŋugbe wodo la le.—Mika 5:2.\nZã vevi kae nye esi! Kekeli aɖe klẽ ƒo xlã alẽkplɔlawo ƒe ha aɖe le gbedzi. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ye! Mawudɔla aɖe gblɔ na alẽkplɔlaawo be: \"Migavɔ̃ o, elabena kpɔ ɖa, meva nya nyui si ahe dzidzɔ gã avɛ na amewo katã la gblɔ ge na mi. Elabena wodzi ɖela, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi egbea le David ƒe du la me. Eye esia anye dzesi na mi: Miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, eye wotsɔe mlɔ lãnuɖunu me.\" Kasia, mawudɔla bubu geɖewo do eye wodzi ha be: \"Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi.\"—Luka 2:10-14.\nEsi mawudɔlaawo dzo la, alẽkplɔlaawo gblɔ na wo nɔewo be: \"Mina míayi Betlehem, ne míakpɔ nu si dzɔ, si Yehowa ɖe fia mí la ɖa.\" (Luka 2:15) Woɖe abla yi eye wokpɔ Yesu le afi si tututu mawudɔlaa gblɔ be woakpɔe le. Esi alẽkplɔlaawo gblɔ nu si mawudɔlaa gblɔ na wo la, ewɔ moyaa na ame siwo katã see. Maria dzra nya siawo katã ɖo ɖe eƒe tame, eye wòbu wo ŋu le eƒe dzi me.\nEgbea, ame geɖe xɔe se be wodzi Yesu le December 25 lia dzi. Gake December nyea tsidzaɣi kple vuvɔŋɔli le Betlehem nutoa me. Ɣeaɖewoɣi la, sno dzana gɔ̃ hã. Alẽkplɔlawo manɔ gbedzi kple woƒe alẽwo le zã me le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me o. Azɔ hã, Roma fiagã la mabia tso dukɔ si le didim be yeadze aglã ɖe eŋu xoxo la si be woazɔ mɔ ŋkeke geɖe aɖaŋlɔ ŋkɔ le vuvɔŋɔli ƒe ɣeyiɣi si me vuvɔa nu le sesẽm wu la o. Edze ƒãa be ɣeaɖeɣi le October mee wodzi Yesu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/wodzii-afi-ka-%C9%A3eka%C9%A3i\/","date":"2018-04-20T21:32:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944682.35\/warc\/CC-MAIN-20180420194306-20180420214306-00604.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998847425,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988474249839783}","num_words":403,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔ̃ Mawua?\nAME AÐEWO XƆE SE BE . . .\nyewomate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo o elabe yewo ŋu mekɔ o, alo nu vɔ̃ le yewo ŋu. Ame bubuwo gblɔna be Mawu metsɔ ɖeke le eme na mí o. Nu kae nèsusu?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\n\"Tsi metoa [Mawu] kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.\" (Lododowo 3:32) Ne míeɖoa to Mawu la, míezua exɔlɔ̃wo.\nNU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/biblia-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83wo\/","date":"2018-04-23T15:16:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00438.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963811636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963811635971069}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.13,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nàte ŋu awɔ\nSusu nyui nenɔ asiwò! Mègaɖe dzi le ɖokuiwò ƒo ahasusui be yemate ŋu awɔ dɔ nyuie gbeɖe o. Ne eva susu me na wò be yemate ŋui o la, gblɔ na ɖokuiwò be yeate ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi amewo tsɔ nya ɖe apostolo Paulo ŋu be nuƒoƒo ƒe ŋutete mele esi o (ɖewohĩ si dzi womete ŋu ɖo kpee o) la, egblɔ na wo be: \"\nGake ne nyemebi le nuƒoƒo me o kura gɔ̃ hã la, nyemele nenema le sidzedze ya me o.\" (2 Korintotɔwo 10:10; 11:6) Paulo nya be ne yemebi le nanewo me o hã la, yetea ŋu wɔa nanewo ya nyuie. Ke wò ya ɖe? Nu ka nètea ŋu wɔna nyuie? Ne mènyae o la, ɖe manyo be nàbia ame aɖe si bua nuwo ŋu nyuie oa? Xɔlɔ̃ sia tɔgbi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo nètea ŋu wɔna nyuie ale be nàte ŋu ayi ŋgɔ le wo me geɖe wu.\nTu nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui ɖo. Mɔ bɔbɔe aɖeke meli si dzi nàto akpɔ dzidzedze le suku o. Ele be nàsrɔ̃ nu godoo. Ele eme be, nya siawo vea to me na ame ɣeaɖewoɣi ya. Ke hã, viɖe le nusɔsrɔ̃ ŋu. Le nyateƒe me la, ne èdo vevie nu vie la, ate ŋu ase vivi nɛ. Gake be nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyuiwo nanɔ asiwò la, ele be nàwɔ ɖoɖo ɖe wò ɣeyiɣiwo ŋu. Ðo ŋku edzi be ele be nàna nusɔsrɔ̃ naxɔ nɔƒe vevi aɖe le wò ɖoɖowo me. Nyateƒee, Biblia gblɔ be: \"\nnukoɣi li\" eye \"\nɣeɖuɣi li.\" (Nyagblɔla 3:1, 4; 11:9) Eya ta, esi wònye sɔhɛe nènye ta la, adi be yeagblẽ ɣeyiɣi aɖe ɖi si nàtsɔ aɖe modzakae. Gake Nyagblɔla 11:4 xlɔ̃ nu be: \"\nAme si le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.\" Nufiame kae le eme na mí? Mègahe megbelele o. Esia ana nu vevitɔwo natsi mawɔmawɔ. Srɔ̃ nu gbã hafi nàyi aɖaɖe modzaka. Mègatsi dzi o—àte ŋu akpɔ ɣeyiɣi ɖe evea siaa ŋu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/gena-le-suku\/","date":"2018-04-21T01:01:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983541965,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983541965484619}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Yesu nɔ duawo me tom la, eda dɔ na dɔlélawo. Wogblɔ nukunu siawo le kɔƒe kple du, siwo le afima la me. Eyata amewo kplɔ bunɔwo kple tokunɔwo, kpakple dɔléla bubu geɖe va egbɔe. Eye Yesu da dɔ na wo katã.\nFifia ewu ƒe etɔ̃ tso esime Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me. Ke Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be esusɔ vie yeayi Yerusalem, afisi woawu ye le, eye emegbe yeafɔ tso ame kukuwo dome. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Yesu nɔ dɔ dam na dɔlélawo.\nGbeɖeka la, Yesu nɔ nu fiam le Sabat dzi. Sabat nye ɖiɖiɖeme ƒe ŋkeke na Yudatɔwo. Nyɔnu, si kpɔm nèle le afisia la nɔ dɔ lém sesĩe ŋutɔ. Exa godã ƒe 18 sɔŋ, eye mete ŋu dzɔna kã o. Eyata Yesu da eƒe asiwo ɖe edzi, tete wòdzɔ kã. Woda dɔa nɛ!\nEsia ve dɔme na subɔsubɔhakplɔlawo. Ame ɖeka do ɣli ɖo ɖe amehawo gblɔ be: 'Ŋkeke ade wòle be míawɔ dɔ. Ŋkeke mawo dzie wòle be woava hena dɔdada, ke menye Sabat dzi o!'\nGake Yesu ɖo ŋu be: 'Mi ame vɔ̃ɖiwo. Mia dometɔ ɖesiaɖe ɖea ka eƒe tedzi hekplɔnɛ be wòano tsi le Sabat dzi. Ke ɖe mele be woada dɔ na nyɔnu nublanuitɔ sia, si le dɔ lém ƒe 18 la le Sabat dzi oa?' Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo la na ŋu kpe ame vɔ̃ɖi siawo.\nEmegbe la, Yesu kple eƒe apostolowo zɔ mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wodo le Yerixo teti ko la, nubiala eve, siwo nye ŋkunɔwo la se be Yesu va yina. Eyata wodo ɣli be: 'Yesu, kpe ɖe mía ŋu!'\nYesu do ɣli yɔ ŋkunɔawo hebia be: 'Nukae miedi be mawɔ na mi?' Wogblɔ be: 'Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.' Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wole nu kpɔm! Ènya nusita Yesu wɔ nukunu siawo katã? Elabena elɔ̃a amewo, eye wòdi be woaxɔ ye dzi ase. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ne ele dzi ɖum abe Fia ene la, ame aɖeke magalé dɔ azɔ le anyigba dzi o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-da-d%C9%94-na-d%C9%94n%C9%94wo\/","date":"2018-04-22T19:58:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00346.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990324974,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990324974060059}","num_words":332,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu ƒe xɔlɔ̃ si nàva zue nye nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ. Mawu afia nusi nàwɔ dzi nadzɔ wò ahanɔ dedie la wò; ana nàvo tso dzixɔse gbegblẽ kple nuwɔna manyomanyo geɖe me. Ase wò gbedodoɖawo. Akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme eye be dzi nanɔ ƒowò. (Psalmo 71:5; 73:28) Mawu akpe ɖe ŋuwò le xaxaɣiwo me. (Psalmo 18:19) Eye Mawu le eƒe agbemavɔnunana tsɔm le ŋkuwòme ɖom.—Romatɔwo 6:23.\nNe ète ɖe Mawu ŋu la, àte ɖe Mawu xɔlɔ̃wo hã ŋu. Woawo hã woava zu xɔ̃wòwo. Le nyateƒe me la, woava nɔ na wò abe nɔviwò ŋutsuwo kple nɔviwò nyɔnuwo ene. Adzɔ dzi na wo be woafia nu wò tso Mawu ŋu eye woakpe ɖe ŋuwò ahade dzi ƒo na wò.\nMíele tasɔsɔ me kple Mawu o. Ne èdi be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, ele be nya vevi aɖe me nakɔ na wò. Xɔlɔ̃wɔwɔ kple Mawu menye xɔlɔ̃wɔwɔ kple ame hatiwo o. Etsi wu mí sasasã henya nu wu mí boo eye ŋusẽ le esi wu mí sasasã. Eyae dze anye míaƒe Dziɖula. Eyata ne míedi be míanye exɔlɔ̃ la, ele be míaɖo toe ahawɔ nusi wòagblɔ na mí be míawɔ. Ne míewɔe alea la, eme anyo na mí ɣesiaɣi.—Yesaya 48:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/mawue-nye-x%C9%94%CC%83w%C3%B2-nyuit%C9%94\/","date":"2018-04-22T09:43:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945552.45\/warc\/CC-MAIN-20180422080558-20180422100558-00007.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984760284,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984760284423828}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI AME GEÐE XƆ SE\nNufialagã aɖe gblɔ be: \"Mí katã míeda asi ɖe edzi haɖe nenye be ŋkɔ 'aɖe' le Mawu si o, ne ŋkɔ le esi gɔ̃ hãe nye ema.\"\nNYATEƑEA SI LE BIBLIA ME\nYehowa di be míazã yeƒe ŋkɔa. Biblia gblɔ be: \"Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbeƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.\"\nYesu zã Mawu ƒe ŋkɔa. Yesu gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: 'Mena nye nusrɔ̃lawo nya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae.' Nu ka tae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya Mawu ƒe ŋkɔa ɖo? Egblɔ yi edzi be: 'Ale be lɔlɔ̃ si wò [Mawu] nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye manɔ ɖekawɔwɔ me kpli wo.'\nNU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?\nMawunyaŋutinunyala Walter Lowrie gblɔ be: \"Ne ame aɖe menya Mawu ƒe ŋkɔ o la, ke menya ame si wònye ŋutɔŋutɔ o, eye ne eƒe susue nye be ŋusẽ dzro aɖe koe Mawu nye la, ke mate ŋu alɔ̃e o.\"\nBe woaɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔa alo aɣlae le ko abe woatsɔ hɛ asẽe ɖa le Biblia me ene\nŊutsu aɖe si ŋkɔe nye Victor la dea sɔleme kwasiɖa sia kwasiɖa, gake ese le eɖokui me be yemenya Mawu nyuie o. Egblɔ be: \"Esi meva nyae be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, ɖeko wòwɔ nam abe fifia hafi woɖee fiam ene. Mese le ɖokuinye me be meva dze si Ame si ŋu mese nya geɖe tsoe la azɔ. Meva kpɔe be enye Ame ŋutɔŋutɔ si mate ŋu adze xɔlɔ̃.\"\nYehowa hã tena ɖe ame siwo zãa eƒe ŋkɔa la ŋu. Mawu do ŋugbe na \"ame siwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu\" be: \"Makpɔ wo ta, abe ale si ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.\" (Maleaxi 3:16, 17) Mawu yraa ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ la. Biblia gblɔ be: \"Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131101\/alakpanya-%C5%8Bk%C9%94-mele-mawu-si-o\/","date":"2018-04-25T11:15:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00628.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972686768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972686767578125}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JANUARY 16, 2014\nARMENIA\nLe November 12, 2013 dzi la, Armenia-dukɔa ɖe asi le Yehowa Ðasefo siwo wolé de ga le esi wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta la ƒe mamlɛawo ŋu. Àkpɔ ale si woɖe asi le Ðasefoawo ŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖedzesi aɖe megbe la ƒe ŋutinya le video sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-30","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/armenia\/video-armenia-asrafod%C9%94-dzitsinya-ta\/","date":"2018-07-16T20:06:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-30\/segments\/1531676589455.35\/warc\/CC-MAIN-20180716193516-20180716213516-00114.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991738796,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991738796234131}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.34,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈBIA ÐOKUIWÒ KPƆ BE:\nNu kae ana nye ƒomea nakpɔ dzidzɔ?\nAleke mawɔ adze xɔ̃ nyuiwo, eye nye ŋutɔ hã manye xɔlɔ̃ nyui?\nMɔkpɔkpɔ kae li na nye ame vevi siwo ku?\nÐe fukpekpewo nu ava yia?\nÐe amegbetɔwo ava tsrɔ̃ anyigba mlɔeba?\nÐe subɔsubɔhawo katã kplɔa ame yia Mawu gbɔa?\nÀKPƆ ŊUÐOÐO NA BIABIA SIAWO KPLE BIABIA BUBUWO\nƲu internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org, si le gbegbɔgblɔ siwo wu 900 me. Àkpɔ nyati siwo ku ɖe nu vovovowo ŋu le afi ma.\nÀkpɔ video siwo ku ɖe ame siwo tso dukɔ vovovowo me siwo va ke ɖe nu siwo nana wokpɔa dzidzɔ la ŋu, eye tɔtrɔ siwo wowɔ la meve wo o! Ame siawo dometɔ aɖewo zã atike vɔ̃ɖiwo, alo nɔ gaxɔ me tsã. Bubuwo nye agbalẽnyalagã siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyalawo hã le.\nÀte ŋu awɔ Biblia kple agbalẽ gbogbo aɖewo ƒe kɔpi le jw.org, eye màxe fe aɖeke o. Nyati siwo le afi ma ƒe ɖewoe nye esiawo:","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/nu-si-nana-wokp%C9%94a-dzidz%C9%94-sr%C9%94%CC%83-nu\/","date":"2018-09-24T06:13:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267160145.76\/warc\/CC-MAIN-20180924050917-20180924071317-00385.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987960458,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987960457801819}","num_words":159,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋeawo ƒe tɔtrɔŋkekewo\nKwasiɖa ŋkeke adretɔ ( Dzoɖa, Blaɖa, Kuɖa, Yɔɖa, Fiɖa, Memleɖa kple Kwasiɖa ) menye Eʋeawo ƒe tɔtrɔ ŋkekewo tutuutu o, ke boŋ esia tso\nAblotsi yevuawo kple Asãnteawo gbɔ. Le Eʋeawo gbɔ la, ŋkeke ene (4) sia ŋkeke ene tɔtrɔ vana, si gɔmee nye bena ŋkeke ene (4) zi eve (2) nye Ablotsiyevuawo alo Asãnteawo ƒe Kwasiɖa ɖeka (1) kple ŋkeke ɖeka (1).\nŊkeke ene siawo nye: Asiamigbe, Aƒenɔegbe, Asiatuigbe kple Asigbe . Gbesigbe Asi ɖi le Eʋedu aɖe me la, nyea Asigbe eye ame aɖeke meyina dɔwɔƒe o. Woga yɔna esia bena Asime elabena gbemagbe enye amewo katã ƒe ta kpe gbe eye amewo bia nuwo ƒe asita sena. Gbemagbe kee nye ɖiɖeme ŋkeke. Nyɔnu siwo ayi ɖe asime la, yia asime. Ŋkeke sia enye Asãnteawo ƒe ɖiɖeme ŋkeke si woyɔna bena kwasiɖagbe ŋkeke vɔ wotɔ nye ŋkeke adretɔ. Eʋeawo menya nusi nye KWASIƉA (Week \/ Semaine) o.\nNe ɣe ( agu ) dze eye ɣe gaɖo to la, ekema ŋkeke ɖeka vayi. Ŋkeke siwo wotia be wonye ŋkeke nyuiewo la, wonye Asigbe kple Asiamigbe. Le ŋkeke eve (2) siawo dzi la, wowɔa Mawunuwo lena, eya enye bena, wona nu trɔ̃wo le ŋkeke siawo dzi. Ŋkeke vɔ̃wo nye Aƒenɔegbe kple Asiatuigbe, ŋkeke siawo nyea aɖiƒie vɔ̃wo ƒe ŋkeke kple trɔ̃ vɔ̃wo ƒe aƒe vagbe.\nWobua ŋkeke nyuiewo bena wonye Mawutɔ eyata wona nu Mawuwo le ŋkeke siawo dzi. Ke le vɔ̃awo dzi la, woyia busu na ame siwo le dɔlèm la.\nNe ɣleti dze dzi, eye woli ʋũu heva bu vie la, ekema wogblɔna bena ele Ɣleti ɖeka. Ne ɣleti do te va vie la, wogblɔna be eɖo Taƒo. Emegbe la eva ɖoa titina. Ne zã le dodom hafi wòle dzedze la, ekema wogblɔna be eɖo To nu. Ne zã do ŋutɔ hafi ɣleti la do la, ekema ele agu dzem. Ne ɣleti la gaka la, eteƒe medidina hafi bubu gadona o.\nNe Ʋemeviwo dze tegblesisi gɔme la ( Dzove ), ekema wodze Ƒe bubu hã gɔme. Ne woho te, eye dzo bi gbe siwo katã ƒu ( Ƒoave ) la ekema Ƒe la wu enu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/k-nuwo\/92-e-eawo-fe-t-tr-nkekewo","date":"2018-10-16T12:23:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583510749.55\/warc\/CC-MAIN-20181016113811-20181016135311-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985435009,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985435009002686}","num_words":334,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dasiamime\nTemplate:DasiamimeƔletigbalẽ2018\nDasiamime (alo August) enye ɣleti enyilia le ƒea me. Ɣleti sia le Gregoria ɣletigbalẽa me. Ŋkeke 31 ye le ɣletia me.\nLe blema ŋɔli la, woyɔna ɣleti sia be Sextilis le Latingbe me elabena enye ɣleti adelia le Roma ɣletigbalẽa me. Le ƒe 8 BC me la, wotrɔ ŋkɔa tsɔ de bubu Roma fiagã Augustus ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.wikiplanet.click\/enciclopedia\/ee\/Dasiamime","date":"2018-10-18T22:33:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583512015.74\/warc\/CC-MAIN-20181018214747-20181019000247-00460.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998244643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998244643211365}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.339,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae ame geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia me mama ƒe mɔnu sia ŋu?\nDziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔla geɖewo dze agbagba be yewoaxe mɔ na amewo be woagata Biblia, aɖe egɔme, alo wòanɔ wo si o. Gake wodo kpo nu.\nNe Mawu gbɔe Biblia tso vavã la, ke ele be wòato vovo na agbalẽ ɖe sia ɖe.\nEsi wònye agbalẽ xoxoe Biblia nye ɖe, aleke míawɔ aka ɖe edzi be wokpɔ eme nyawo ta wode pɛpɛpɛ?\nAme gblẽku aɖewo dze agbagba be yewoatrɔ Biblia me gbedeasia. Aleke wowɔ va de dzesi woƒe nugbeɖoɖoa hegblẽ woƒe tameɖoɖo vɔ̃a me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/biblia-%C6%92e-%C5%8Butinya\/","date":"2018-12-15T11:55:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376826856.55\/warc\/CC-MAIN-20181215105142-20181215131142-00284.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982231855,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982231855392456}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yeremiya Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yeremiya ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yeremiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yeremiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012426\/univ\/art\/502012426_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yeremiya\/","date":"2019-01-24T07:08:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547584519382.88\/warc\/CC-MAIN-20190124055924-20190124081924-00284.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998842895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988428950309753}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.156,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"υɔnudrɔƒe aɖe sile Ho,de ɖekakpuie aɖe si woɖe ŋkɔ nabe Courage Dogbey amesi le eƒe ƒe blaeve vɔ ene lia mea mɔ ƒe eve sɔŋ kple dɔsesẽ wɔwɔ le Kuɖa si vayi gbe ɖe alesi wowɔ babla kple exɔ̃ aɖe eye woge fu na eƒe ahiãvia ta.\nDogbey, amesi nye υukula le Hoa lɔ̃ ɖe eƒe agɔdzedzea dzi hebia tsɔtsɔke tso υɔnudrɔla gbɔa gake eƒe kokoƒoƒoa meɖevi aɖeke nɛ o.\nAme evelia si hã υɔnu a de mɔ ƒe evea,ye nye Aƒetɔ Dieu Donne Mondale amesi xɔ ƒe blaene vɔ adre. Mondale ye nye amesi wode dɔa asina be woage fua eye eya hã lɔ̃ ɖe afɔɖeɖe madzi hedoa abi na funɔa togbɔ tsɔ aha kple atsike aɖewo nɛ be woano.\nTogbɔbe eya hã ƒo koko ɖe eƒe agɔdzedzewo ta ha, υɔnua mexɔ ɖe edzi nɛ o\nSgt. Clever Ayayee, amesi nye DOVVSU kpovitɔ si nɔ ŋgɔ na nyaa, ɖeme na υɔnua be, nyɔvia na nyanya dada kuɖe eƒe fufɔfɔ ŋuti hede dzesie Dogbey be ye nye amesi do fua eye nyɔnuvia dada hã na nyanya Dogbey kuɖe fua ŋu. Esi funya nya ka tome nɛ koa ewɔ ɖoɖo ɖe eɖeɖe ŋu enumake.\nSgt. Ayayee yidzi be, Dogbey yi hevae wɔ babla kple Mondale amesi lɔ̃ be yeaɖe fu le Ghana cedi alafa ene xɔxɔ vɔ megbe eye Dogbey lɔ̃ ɖe dzi nɛ. Le Damɛ ƒe ŋkeke asiekɛa gbea, Mondale miasi funɔa eye wodo abi nɛ hetsɔ atike aɖewo hã nɛ be woano.\nLe nufɔkea fuage le nyɔnuvia ŋu le eyime wonɔ nugodo enumakea υu deasi dodo le eŋu. Dada kplɔe yi ɖe Trafalga dɔyɔƒe gã me hena gbedada le eŋu, ɖetsɔleme tɔxɔe aɖe si dɔnɔdzikpɔlawo ɖe fiã yexɔe ɖe agbe.\nAfimae dada vanya nu tso afɔɖeɖe madeamedzi ma ŋu le eye wokɔ todzi na kpovitɔwo hafi asi vadze hlɔ̃dola eve siawo dzi.\nEŋlɔla:Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/18\/wode-ame-eve-m%C9%94-le-ho-%C9%96e-fu-gege-ta\/","date":"2019-01-20T09:51:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583705091.62\/warc\/CC-MAIN-20190120082608-20190120104608-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973739982,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973739981651306}","num_words":305,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\"—LUKA 22:19.\nSusu si tae ame aɖewo ɖua Kristmas.\nAme aɖewo gblɔna be Yesu koŋ tae yewoɖua Kristmas ɖo. Woɖua Kristmas be yewoatsɔ aɖo ŋku eƒe dzigbeŋkeke dzi.\nNu ka tae taɖodzinua gbɔ menya ɖona o?\nHaƒoƒo kple wɔna siwo yia edzi le Kristmas ɖuɣi la ƒe akpa gãtɔ medo ƒome kple Yesu Kristo ƒe ŋutinya o. Ame miliɔn geɖe siwo ɖua azã sia mexɔ Yesu dzi se o; wo dometɔ aɖewo mexɔe se be enɔ anyi kpɔ gɔ̃ hã o. Le asitsalawo gome la, Kristmas ɖuɣia nye adzɔnuwo ƒe boblodoɣi, ke menye ɣeyiɣi si me woaɖo ŋku Yesu dzi o.\nBiblia me nya kawoe ate ŋu aɖe vi?\n'Amegbetɔvi la va be yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.' (Marko 10:45) Edze ƒãa be menye Yesu ƒe dzigbeŋkeke dzie wògblɔ nya siwo dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la o, ke boŋ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la dzie. Le zã ma me la, eɖo wɔna bɔbɔe aɖe anyi be woatsɔ anɔ ŋku ɖom yeƒe ku dzi. Gake nu ka tae Yesu di be woaɖo ŋku yeƒe ku dzi, ke menye yeƒe dzigbe o? Elabena Yesu ƒe vɔsakua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na nuteƒewɔlawo be woanɔ agbe tegbee. Biblia gblɔ be: 'Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.' (Romatɔwo 6:23) Eya ta ƒe sia ƒe la, Yesu Kristo yomedzelawo ɖoa ŋku eƒe kua dzi le ŋkeke si dzi eƒe kua dze le ƒea me dzi, eye wobunɛ be enye \"xexea ɖela,\" ke menye vidzĩ kokoe o.—Yohanes 4:42.\n\"Kristo . . . kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.\" (1 Petro 2:21) Be nàde bubu Yesu ŋu ahaɖo ŋku edzi la, ele be nàsrɔ̃ eyama, si nye nunyala si de blibo la ƒe kpɔɖeŋu. Azɔ hã, de ŋugble le Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ, dzigbɔɖi kpakple ale si dzi nɔ eƒo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋui la ŋu, eye nàdi mɔ siwo dzi nàto asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me.\n\"Xexea me fiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo ƒe fiaɖuƒe, eye aɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.\" (Nyaɖeɖefia 11:15) Ne èle ŋku ɖom Yesu Kristo dzi la, bu nu si wɔm wòle fifia la ŋu. Yesu nye Fia si le dzi ɖum le dziƒo. Mawu ƒe Nya la gblɔ nya ɖi tso Yesu ŋu be: \"Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.\" (Yesaya 11:4) Dziɖula ŋusẽtɔ ye ate ŋu aɖe nɔnɔme nyui siawo afia, ke menye vidzĩ kokoe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/%C5%8Bku%C9%96o%C9%96o-yesu-kristo-dzi\/","date":"2019-01-18T09:49:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583660020.5\/warc\/CC-MAIN-20190118090507-20190118112507-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978818893,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978818893432617}","num_words":440,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SIA dzɔ le August 1936 me le Swaziland Fiagã Ƒe Fiasã gbɔ lɔƒo. Robert kple George Nisbet tɔ woƒe ʋu si tame nyasemɔ̃ le; ɖeko woƒo ha aɖewo eye eyome woƒo Nɔviŋutsu J. F. Rutherford ƒe nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi teti koe nye ema. Fia Sobhuza II kpɔ dzidzɔ ale gbegbe! George gblɔ be: \"Ewɔ mo yaa na mí ŋutɔ be fia la di be míadzra agbaƒomɔ̃a, agba siwo dzi wolé nuƒoawo ɖo kple Fiaɖuƒegbedeasia ƒe nyasemɔ̃a na ye!\"\nRobert ɖe kuku na Fia la hegblɔ nɛ be yewomele wo dzram o. Nu ka tae? Elabena ame aɖe tɔe mɔ̃awo nye. Fia la di be yeanya ame si tɔ wonye.\nRobert gblɔ nɛ be: \"Fia bubu aɖe tɔe.\" Fia Sobhuza biae be Fia ka tɔe wònye? Robert ɖo eŋu nɛ be: \"Eyae nye Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.\"\nSobhuza lɔ̃ ɖe edzi bubutɔe be: \"Oo, Fia gã aɖee wònye vavã. Nyemedi be maxɔ naneke si nye etɔ o.\"\nRobert ka nya ta be: 'Fia Sobhuza ƒe nɔnɔme wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Edo Eŋlisigbea nyuie, ke hã meƒo nu adegbeƒoƒotɔe alo do eɖokui ɖe dzi o, ke boŋ eyia nyaa gbɔ tẽe eye wònye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe. Menɔ egbɔ le eƒe fiasã me abe miniti 45 ene esime George ya nɔ ha ƒom le gota.'\nRobert yi edzi be, 'Gbe ma gbe ɣetrɔ la, míeyi va ɖi ɖase le Swaziland Dziɖuɖu Ƒe Suku la, afi si nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe su mía si le. Míeɖi ɖase na sukutatɔ la, eye wòɖo to nyuie. Esi míegblɔ be míedi be míaƒo nuƒo si wolé ɖe mɔ̃ dzi na sukuviawo katã la, ekpɔ dzidzɔ eye wòna woƒo sukuvi siwo ade alafa ɖeka kloe la nu ƒu wova nɔ anyi ɖe gbeawo dzi heɖo to. Wogblɔ na mí be le sekɛndrisuku (lycée) ma la, wofiaa agbledede, abɔdɔwɔwɔ, kapitadɔ, xɔtudɔ, Eŋlisigbe kple akɔntabubu ŋutsuviawo; eye wofiaa dɔnɔdzikpɔkpɔ, aƒemedɔwo wɔwɔ, kple asinudɔ vevi bubuwo nyɔnuviawo hã.' Fia la mama ye ɖo sukua. *\nEsi mɔɖela aɖewo ɖi tsa yi Fiagã Ƒe Fiasã la me le keke ƒe 1933 me la, Fia Sobhuza ɖo to wo kple dzidzɔ. Gbe ɖeka la, eƒo eŋudzɔla 100, siwo nye aʋawɔla sesẽwo, nu ƒu be woaɖo to Fiaɖuƒegbedeasi si wolé ɖe mɔ̃ dzi. Edɔ míaƒe magazinewo, eye wòxɔa míaƒe agbalẽ bubuwo hã. Eteƒe medidi o, míaƒe agbalẽwo katã kloe va su Fia la si le eƒe agbalẽdzraɖoƒe! Esi Britain dziɖuɖua xe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo nu le xexemeʋa evelia wɔɣi kura gɔ̃ hã la, ekpɔ agbalẽ siawo ta dedie.\nFia Sobhuza II yi edzi xɔa Ðasefowo le eƒe Fiagã Ƒe Fiasãa me le Lobamba, eye wòkpea osɔfowo kura gɔ̃ hã be woava se woƒe Biblia me nuƒowo. Gbe ɖeka esi Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Helvie Mashazi nɔ Mateo ta 23 lia me dzrom la, osɔfo aɖewo tso kple dziku be yewoazi edzi wòanɔ anyi. Gake Fia la de nu nyaa me hegblɔ na Nɔviŋutsu Mashazi be wòayi nuƒoa dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Fia la gblɔ na nyaselawo be woaŋlɔ mawunyakpukpui siwo katã nɔviŋutsua yɔ le nuƒoa me la ɖi!\nƔebubuɣi esi nɔviŋutsu mɔɖela aɖe ƒo nuƒo na ameha aɖe vɔ la, osɔfo ene siwo hã nɔ amehaa dome la tso hetrɔ woƒe osɔfo kɔlawo yi megbe gblɔ be: \"Tso egbe dzi la, míeganye osɔfowo o ke boŋ míezu Yehowa Ðasefowo.\" Osɔfoawo bia mɔɖelaa be ate ŋu ana míaƒe agbalẽ siwo le Fia la si ƒe ɖewo yewo hã.\nFia la de bubu Yehowa Ðasefowo ŋu tso ƒe 1930 ƒeawo me va se ɖe esime wòku le ƒe 1982 me, eye esi Ðasefoawo gbe be yewomakpɔ gome le Swazilandtɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo me o la, meɖe mɔ woti wo yome o. Eya ta Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòkpe ɖe wo ŋui la ŋu ŋutɔ, eye esi wòku la, wofa konyi vevie.\nLe ƒe 2013 ƒe gɔmedzedze la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Swaziland la wu 3,000. Ame miliɔn ɖeka kple nu vi aɖe koe le dukɔa me, eye le mama dedie nu la, gbeƒãɖela 1 aɖe gbeƒã na ame 384. Mɔɖela siwo wu 260 ye le dɔ dzi vevie le hame 90 siwo le afi ma me, eye ame 7,496 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2012 me. Edze ƒãa be dzidziɖedzi geɖe le ŋgɔ. Nyateƒee, gbeƒãɖela gbãtɔ mawo siwo va Swaziland le ƒe 1930-awo me la ɖo gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖi.\n^ mm. 8 The Golden Age, June 30, 1937, axa 629.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130815\/swaziland-fia-kp%C9%94-dzidz%C9%94\/","date":"2019-06-20T05:15:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999141.54\/warc\/CC-MAIN-20190620044948-20190620070948-00080.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986547828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986547827720642}","num_words":717,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Romatɔwo ƒe agbalẽa me nya vevi aɖewo—wonye mɔfiame siwo tso Yehowa gbɔ ku ɖe ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe kple ale si gbegbe Yesu Kristo dzi xɔxɔ se le vevie la ŋu.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nRomatɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/biblia-gbal%E1%BA%BDwo-%C5%8Bg%C9%94donya-videowo\/romat%C9%94wo-%C6%92e-agbal%E1%BA%BDa\/","date":"2019-06-16T00:31:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997508.21\/warc\/CC-MAIN-20190616002634-20190616024634-00009.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980468154,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980468153953552}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBE vovovo siwo wodona le xexea me, siwo ade 7,000 fifia ate ŋu awɔe be mɔzɔzɔ, asitsatsa, sukudede kple dziɖuɖudɔwo wɔwɔ nasesẽ. Enɔ alea tso blema ke. Le kpɔɖeŋu me, anɔ ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi le Persia Fia Ahasweros (ɖewohĩ Xerxes I) ƒe dziɖuɣi la, Persiatɔwo ɖo se aɖewo siwo fia de la ɖe fiaɖuƒe bliboa katã me \"tso India va se ɖe Etiopia, siwo le nuto alafa ɖeka blaeve vɔ adreawo me, eye woɖoe ɖe nuto sia nuto le eƒe nuŋɔŋlɔ nu ɖe dukɔ sia dukɔ le eƒe gbegbɔgblɔ me.\" *\nEgbea la, habɔbɔ geɖewo alo dziɖuɖuwo gɔ̃ hã mate kpɔ be yewoawɔ dɔ sesẽ sia o. Ke hã habɔbɔ aɖe li si te ŋu le dɔ sia wɔm. Yehowa Ðasefowo ɖea magazinewo, nya siwo wolé ɖe mɔ dzi kple videowo kpakple agbalẽ geɖe siwo dome Biblia hã le gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 750 me. Tokunɔgbe 80 hã le gbegbɔgblɔ siawo dome. Ðasefowo taa Ŋkunɔwo Ƒe Agbalẽ vovovowo hã.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, menye viɖe tae Yehowa Ðasefowo le dɔ sia wɔm ɖo o. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe woƒe gbegɔmeɖelawo kple dɔwɔla bubuwo nye. Nu ka tae wole agbagba sia gbegbe dzem be yewoaɖe agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me, eye alekee wowɔa dɔ siae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2016-june\/kuxi-gbegb%C9%94gbl%C9%94-blema-ke-dzi-%C9%96u%C9%96u\/","date":"2019-06-16T06:31:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986655712,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986655712127686}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu fia nu amewo tso Dziƒofiaɖuƒe la ŋu. Efia nu wo hã be woado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti, woabia be Mawu Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ne dzilae nènye la, ekema ɖe ale si gbedodoɖa sia aɖe vi na míi la me na viwòa. Yesu meɖe mɔ na Satana wògblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Yesu tia eƒe apostolowo, eye woawoe va zu Fiaɖuƒea me tɔ gbãtɔwo. Na viwòa nanya ale si dzo nɔ Yesu me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Esi Yesu di be yeakpe ɖe amewo ŋu ta la, eda dɔ na dɔnɔwo, na nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Eto nukunu siawo katã dzi ɖe nu si Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo la fia.\nLE AKPA SIA\nNya si Yohanes gblɔ be, Yesue nye Mawu ƒe Alẽvi la gɔme ɖe?\nZi etɔ̃ sɔŋ Abosam te Yesu kpɔ. Tetekpɔ etɔ̃awoe nye ekawo? Aleke Yesu ɖo nyawo ŋui?\nNu ka tae Yesu nya lãwo le gbedoxɔa me, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi?\nEwɔ nuku na Samaria-nyɔnua be Yesu ƒo nu na ye. Nu ka tae? Nya kae Yesu gblɔ nɛ si megblɔ na ame aɖeke o?\nYesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo be woava nye 'ameɖelawo.' Emegbe ena hehe eyomedzela 70 aɖewo be woaɖe gbeƒã nya nyuia.\nAfi sia afi si wòyi la, dɔnɔwo va egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye eda dɔ na wo. Efɔ nyɔnuvi sue aɖe gɔ̃ hã ɖe tsitre.\nDɔ kae wòtia wo be woawɔ? Èɖo ŋku woƒe ŋkɔwo dzia?\nYesu fia nu vevi aɖewo ame gbogbo aɖewo siwo va ƒo ƒu.\nNu kawoe Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be 'woadi'?\nNu kae nukunu sia fia mí tso Yesu kple Yehowa ŋu?\nBu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me esi wokpɔ nukunu sia ŋu kpɔ?\nNu ka tae menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm Yesu nɔ ŋu o?\nEsi Yesu kpɔ Maria wònɔ avi fam la, eya hã te avi fafa. Gake eteƒe medidi o woƒe aɖatsiwo trɔ zu dzidzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/","date":"2019-06-16T04:34:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976338744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976338744163513}","num_words":349,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Korintotɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔ nye lɛta 14 siwo apostolo Paulo ŋlɔ tsɔ de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo la dometɔ ɖeka. Lɛtaŋɔŋlɔ ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ eŋlɔlaa be wòatia nya siwo wòazã nyuie, eye ame si wòŋlɔe na hã ate ŋu anɔ exlẽm edziedzi. Lɛtaŋɔŋlɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi ame ato aɖi ɖase na ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo. Enye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖi ɖase na ame siwo míate ŋu aƒo nu na ŋkume kple ŋkume o hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖe tsɔ ɖe le nyaa me gake metɔna o. Esesẽ be míake ɖe ame aɖewo ŋu le míaƒe anyigbamamawo me elabe wole aƒe gã siwo nu agbonudzɔlawo nɔna me, nuto siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo hede agbo enu la me alo teƒe siwo tso abo. Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí vevietɔ ne míele lɛta ŋlɔm na ame aɖe si míenya o?\nALE SI NÀWƆE:\nŊlɔ nya si nàgblɔ ne èdo go amea ŋkume kple ŋkume. Ðe ɖokuiwò nu nàtsɔ adze egɔme, eye nàgblɔ susu si tae nèle lɛtaa ŋlɔm eme nakɔ. Ðewohĩ àte ŋu abia nya aɖe si ana amea nabu tame eye nàhe eƒe susu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Azɔ ƒo nu tso aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu, alo nàŋlɔ tanya siwo dze le agbalẽ siwo míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo me dometɔ aɖe ɖe lɛtaa me. Àte ŋu atsɔ kadodogbalẽvi, amekpegbalẽvi alo trakt aɖe akpe ɖe lɛtaa ŋu\nNenɔ kpuie. Ne wò lɛtaa didi fũu akpa la, exexlẽ ati amea eye wòaɖe asi le eŋu.—Kpɔ lɛtaŋɔŋlɔ ƒe kpɔɖeŋu\nXlẽe to eme nàɖɔ vodadawo ɖo, eye nàkpɔ egbɔ be nuŋɔŋlɔawo dze nyuie. Nyaawo nedze to, ɖɔ ŋu ɖo eye nyaawo nade dzi ƒo. Kpɔ egbɔ be yetu stamp si tututu hiã la agbalẽkotokua dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar18-24\/l%C9%9Bta-nyuiwo-%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94\/","date":"2019-06-17T09:25:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998462.80\/warc\/CC-MAIN-20190617083027-20190617105027-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976495504,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976495504379272}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"FARISITƆWO BIA GBE ŊUTSU ŊKUAGBÃTƆ SI ŊU WODA GBE LE LA\nSUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO NYE \"ŊKUAGBÃTƆWO\"\nFarisitɔwo mexɔe se be Yesu na ŋutsu si wodzi ŋkuagbãtɔ la kpɔ nu o, eya ta woyɔ edzilawo vɛ. Ŋutsua dzilawo nyae be woate ŋu 'anya yewo le ƒuƒoƒe la.' (Yohanes 9:22) Hadede ma si maganɔ woƒe ƒomea kple Yudatɔ bubuwo dome o la ate ŋu ana woatsi akogo eye wòagblẽ nu le woƒe ganyawo hã ŋu vevie.\nFarisitɔwo bia nya eve wo be: \"Mia vi si miebe yewodzi ŋkuagbãtɔ lae nye esia? Aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?\" Edzilawo ɖo eŋu be: \"Míenya be mía vie wònye, eye ŋkuagbãtɔe wònye míedzi. Ke ale si wòdzɔe be wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, eye míenya ame si ʋu ŋku nɛ hã o.\" Ne wo vi la gblɔ nu si dzɔ la na wo hã la, woɖɔ ŋu ɖo le ale si woaɖo nyaawo ŋui me hegblɔ be: \"Mibiae. Etsi. Eya ŋutɔ neɖe eɖokui nu.\"—Yohanes 9:19-21.\nEya ta Farisitɔwo gayɔ ŋutsua ake hedze agbagba be yewoado vɔvɔ̃ nɛ esi wogblɔ be nutsotsowo le yewo si ɖe Yesu ŋu. Wogblɔ nɛ be: \"Tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu nàto nyateƒe na mí; míawo ya míenya be nu vɔ̃ wɔlae ame sia nye.\" Ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la metsɔ woƒe nutsotsoa wɔ dɔe o, ke boŋ egblɔ be: \"Ne nu vɔ̃ wɔlae wònye la, nye ya nyemenya o.\" Ke hã egblɔ be: \"Nu ɖeka ko menya: eyae nye be ŋkuagbãtɔe menye tsã, ke azɔ la mele nu kpɔm.\"—Yohanes 9:24, 25.\nEsi Farisitɔwo medi be yewoaɖe asi le nyaa ŋu o la, wobiae be: \"Nu kae wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ ʋu wò ŋkuawo na wò?\" Ŋutsua wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòɖo eŋu be: \"Megblɔe na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka tae miedi be yewoagasee? Alo ɖe miawo hã miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?\" Dɔme ve Farisitɔwo wogblɔ be: \"Wòe nye eƒe nusrɔ̃la, míawo ya Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. Míenya be Mawu ƒo nu kple Mose; ke ame sia ya míenya afi si wòtso o.\"—Yohanes 9:26-29.\nEsi nya la wɔ nuku na nubialaa ta la, egblɔ be: \"Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo.\" Azɔ ŋutsua gblɔ nya aɖe si me susu le ku ɖe ame si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo heɖoa toe la ŋu ale: \"Míenya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, gake ne ame aɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, Mawu ɖoa toe. Tso keke blema ke la, míesee kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe o.\" Ale ŋutsua ƒo nyaa ta be: \"Ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ naneke o.\"—Yohanes 9:30-33.\nEsi Farisitɔwo mekpɔ nya si woatsɔ aɖo eŋu nɛ o la, wodo vloe gblɔ be: \"Wò ame si wodzi ɖe nu vɔ̃ me koŋ la, wòe be yeafia nu mía?\" Ale wonyae do goe.—Yohanes 9:34.\nYesu se nu si dzɔ, eya ta esi wòkpɔ ŋutsua la, ebiae be: \"Èxɔ Amegbetɔvi la dzi sea?\" Ŋutsu si wòʋu ŋku na la ɖo eŋu be: \"Aƒetɔ, ame kae nye ame ma, be maxɔ edzi ase?\" Yesu ʋu eme nɛ kɔtɛ be: \"Èkpɔe, eye le nyateƒe me la, nye ame si le nu ƒom kpli wò lae.\"—Yohanes 9:35-37.\nŊutsua gblɔ be: \"Aƒetɔ, mexɔ edzi se.\" Azɔ ewɔ nu si ɖe eƒe xɔse kple bubu deto fia esi wòdze klo ɖe Yesu ŋkume esime Yesu gblɔ nya ɖedzesi sia be: \"Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ta meva xexea me ɖo lae nye be ame siwo mele nu kpɔm o la nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.\"—Yohanes 9:38, 39.\nFarisitɔwo nɔ eteƒe, eye wonyae be menye ŋkuagbãtɔwoe yewonye o. Ke le gbɔgbɔmemɔfiala siwo wobe yewonye gome ya ɖe? Woɖe wo ɖokui nu esi wobia be: \"Gake míawo ya míenye ŋkuagbãtɔwo o ɖe?\" Yesu gblɔ na wo be: \"Ne ŋkuagbãtɔwoe mienye la, anye ne nu vɔ̃ aɖeke mele mia ŋu o. Gake miele gbɔgblɔm be, 'Míele nu kpɔm.' Eya ta miaƒe nu vɔ̃ la tsi anyi.\" (Yohanes 9:40, 41) Ne ɖe menye nufialawoe wonye le Israel o la, anye ne ɖewohĩ woate ŋu ase egɔme na wo ne wogbe Yesu be menye eyae nye Mesia la o. Gake esi wonya Sea ta la, nu vɔ̃ gãe wònye be wogbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/farisit%C9%94wo-bia-gbe-%C5%8Butsu-wodzi-%C5%8Bkuagb%C3%A3t%C9%94\/","date":"2019-06-17T05:54:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00510.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991881251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991881251335144}","num_words":701,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nEaster (Pâques) metso Biblia me o. Gake ne èlé ŋku ɖe azã sia ƒe ŋutinya ŋu nyuie la àde dzesi gɔmesese si le azã sia si. Wotui ɖe blemavidzidzi ƒe kɔnu aɖe dzi. Lé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu.\nŊkɔa: Numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be: \"Míenya Eŋlisigbe me ŋkɔ si nye Easter ƒe dzɔtsoƒe tututu o; Anglo-Saxontɔwo ƒe mawununɔla Venerable Bede si nɔ anyi le ƒe 700 mee ɖe ŋkɔ sia tso Anglo-Saxontɔwo ƒe adamemawunɔ Eostre ƒe ŋkɔ me.\"Ame bubuwo gblɔna be azã sia do ƒome kple Foiniketɔwo ƒe vidzidzimawunɔ Astarte si Babiloniatɔwo ya yɔna be Ishtar.\nNukpui, Fɔmizi: Esiawo nye vidzidzi ƒe dzesi \"siwo dzɔ tso Europatɔwo kple Asiatɔwo ƒe blemakɔnuwo kple dzesi siwo wowɔna le trɔ̃zã siwo woɖuna le adame me la me.\"—Encyclopædia Britannica.\nAzi: Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Easter-zi siwo wosusu be Easter-fɔmiziwo hena vanɛ didi \"menye ɖeviwo ƒe fefe dzro ko o, ke boŋ vidzidzikɔnu siwo wowɔna le blema dzi yiyie.\" (Funk & Wagnalls Standard Dictionary of Folklore, Mythology and Legend)\nLe dukɔ aɖewo me la, amewo susui be Easter-zi siwo wosi aŋɔ na nyuie \"ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ, nudzedziname, lãmesẽ kple takpɔkpɔ vɛ na ame nukutɔe.\"—Traditional Festivals.\nEaster-wu yeyewo: \"Wobui be enye amemabumabu kple dzɔgbe vɔ̃e be woanɔ awu xoxowo me ado gbe na Scandinaviatɔwo ƒe Adamemawunɔ alo Eastre.\"—The Giant Book of Superstitions.\nƔe ƒe dzedze ƒe sɔlemewɔwɔ: Wogblɔ be kɔnu sia do ka kple blema��esubɔlawo ƒe kɔnu siwo \"wowɔna le adame tsɔ doa dzaa na ɣe la kple eƒe ŋusẽ gã la be wòana agbe yeye nu miemiewo katã.\"—Celebrations—The Complete Book of American Holidays.\nAgbalẽ si nye The American Book of Days ɖɔ Easter ƒe dzɔtsoƒe wòsɔ nyuie be: \"Ðikeke mele eme o be le Sɔlemeha ƒe gɔmedzedze la, eda asi ɖe blematrɔ̃subɔsubɔ ƒe kɔnuwo dzi eye wòtsɔ Kristotɔwo ƒe gɔmesese na wo.\"\nBiblia xlɔ̃ nu mí tso tadede agu na Mawu to kɔnyinyi kple kɔnu siwo medzea eŋu o dzi la ŋu. (Marko 7:6-8)\nEye 2 Korintotɔwo 6:17 gblɔ be: \"'Miɖe mia ɖokui ɖa,' Yehowa ye gblɔe, 'eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.'\" Easter nye trɔzã, eye ele be ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la natsrii.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-easter\/","date":"2019-06-20T19:35:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999273.24\/warc\/CC-MAIN-20190620190041-20190620212041-00448.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9949669242,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9949669241905212}","num_words":359,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èkpɔ seƒoƒo aɖe si le amadede me, ɣletivi siwo le yame, alo se tsitsetse ƒe gbeɖeɖe la, ɖe nèkpɔa Wɔlaa ƒe asinudɔwɔwɔwoa? Nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí nana míekpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo gaglã. (Ro 1:20) Ne míetɔ vie eye míede ŋugble le nu siwo kpɔm míaƒe ŋkuwo le ŋu la, míekpɔa Mawu ƒe ŋusẽ, lɔlɔ̃, nunya kple dzɔdzɔenyenye kpakple eƒe dɔmenyonyo.—Ps 104:24.\nYehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nèkpɔna gbe sia gbe dometɔ aɖewo ɖe? Ne dugã mee nèle gɔ̃ hã, anɔ eme be èkpɔa xeviwo alo atiwo. Ne míeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ, susu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe kuxiwo ŋu, eye wòana míagaxɔ Yehowa dzi ase be alé be na mí yi mavɔ me. (Mt 6:25-32) Ne viwo le asiwò la, kpe ɖe wo ŋu woakpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kplii o la. Ne Mawu ƒe nuwɔwɔwo va le dzi lém na mí ɖe edzi la, ana míagate ɖe Wɔlaa ŋu wu.—Ps 8:3, 4.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE MAWU ƑE NUWƆWƆ WƆNUKUWO ÐEA EƑE GÃNYENYE FIANA—KEKELI KPLE AMADEDE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu kae nana míekpɔa amadedewo?\nNu kae nana míekpɔa amadede vovovowo le amadede ɖeka ma me?\nNu ka tae míekpɔa amadede vovovowo le yame?\nAmadede siwo dze le nu siwo Mawu wɔ me kawoe nèkpɔna le afi si nèle?\nNu ka tae wòle be míadi ɣeyiɣi atsɔ alé ŋku ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb4-10\/kp%C9%94a-mawu-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94me-makp%C9%94makp%C9%94awo\/","date":"2019-06-25T05:43:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00168.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940400124,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940400123596191}","num_words":239,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo kpɔe be Biblia kpena ɖe yewo ŋu yewoyia edzi nɔa ŋusẽ dom yewoƒe xɔse heɖoa yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ.\nÈdi be yeakpɔ dzidzeme le agbe mea? Lé to ɖe Cameron ŋu esi wòle ale si wòwɔ kpɔ dzidzeme le nuto aɖe si me màsusui be ate ŋu akpɔ dzidzime le o me la gblɔm.\nLe gɔmedzedzea me la, nɔvinyɔnu siwo yi ɖasubɔ le duta meka ɖe edzi be yewoate ŋu aɖasubɔ le duta o. Nu kae na dzi ɖo wo ƒo woʋu yi mlɔeba? Nu kawoe wosrɔ̃ tso subɔsubɔdɔ si wowɔ le duta la me?\nXlẽ ame aɖewo siwo ʋu yi teƒe bubu aɖe be yewoasubɔ bliboe wu ƒe ŋutinya dodzidzɔnamewo.\nAme siwo ʋu yi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le la doa go kuxi aɖewo, gake dzidzɔ si wokpɔna ya mele gbɔgblɔ me o.\nXlẽ nu tso nya nyui gbeƒãɖela siwo ku kutri vevie yi ɖakaka Fiaɖuƒegbedeasia na amewo le Madagascar dukɔ gã la ƒe teƒeteƒewo la ŋu.\nAme siwo ʋu tso dukɔ bubuwo me va le gbeƒã ɖem le Pacific Ƒukpowo la doa go kuxi etɔ̃ aɖewo zi geɖe. Aleke Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo wɔ ɖu kuxi mawo dzi?\nNu ka tae Yehowa Ðasefo geɖe ʋu tso wo de yi Myanmar be yewoafia Mawu ƒe Nya la amewo?\nAleke nya si wobia ƒome aɖe le vo me la ʋã wo woyi ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe hiã le wu?\nKpɔ nu si ʋã ame aɖewo woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, dzra woƒe nunɔamesiwo heʋu yi Philippines ƒe nuto saɖeagawo me.\nWowɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe le Turkey le ƒe 2014 me. Nu ka tae wowɔ ɖoɖo ɖe dɔ tɔxɛ sia ŋu? Nu kawoe do tso eme?\nNu kae ʋã Europatɔ aɖewo woʋu va Afrika, eye aleke nuwo va yii na wo?\nRead how a missionary in Benin learned sign language to help deaf people draw close to God.\nŊutsuvi dzaa aɖe si tso Columbus, Ohio, U.S.A. ɖoe be yeasrɔ̃ Cambodiagbe. Nu ka tae? Aleke esia va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi emegbe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/gb%C9%94gb%C9%94meta%C9%96odzinuwo\/","date":"2019-06-17T03:11:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998369.29\/warc\/CC-MAIN-20190617022938-20190617044938-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974958897,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974958896636963}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Yesu gblɔ be míaƒe\nKekelia naklẽ.\nMíaɖe gbeƒã nya nyuia\nNa 'mewo katã,\nBe woakpɔ'akɔfafa\nKple ŋutifafa.\nMina míanɔ'agbe wòasɔ\nKple nyaa ɣesiaɣi.\n2. Fiaɖuƒe gbedeasi\nLa nye kekeli.\nMíana wòaklẽ na 'me'o\nLe afi sia 'fi.\nMawu ƒe Nyaa me\nKekelia fiaa mɔ mí\nBe míakpe ɖ'amewo ŋu\nWoanya nyateƒea.\n3. Míaƒe dɔ nyui wɔwɔ\nDzena nyuie egbea,\nWoklẽna abe kpe\nXɔasiwo ene.\nMina míato míaƒe\nAgbenɔnɔ dzi\nAhe kafukafu vɛ\nNa mía Mawu la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/82-mina-mia%C6%92e-kekeli-nakl%E1%BA%BD\/","date":"2019-06-17T03:19:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998369.29\/warc\/CC-MAIN-20190617022938-20190617044938-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9922760129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9922760128974915}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DƆWƆGBALẼVI Dzeɖoɖo Tso Ha Ŋu Dɔwɔgbalẽvi sia si le akpa eve me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nadzro ha siwo nèlɔ̃na me kple dziwòlawo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Ale Si Nàwɔ Aɖu Wò Seselelãme Manyomanyowo Dzi Wotrɔ asi le dɔwɔgbalẽvi sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu ale si wò seselelãmewo tea ŋu trɔna kabakabae la dzi. Ale Si Nàwɔ Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Dɔwɔgbalẽvi sia akpe ɖe ŋuwò nàdzro nya siwo nègblɔna na Mawu le wò gbedodoɖa me kple eƒe nyonyome la me. Nu Kae Nàwɔ Ne Wò Ƒometɔwo Le Ŋku Kem Ðe Wò Nuwo Me? Kpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be dziwòlawo naka ɖe dziwò wu la ɖa. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo DƆWƆGBALẼVIWO NA SƆHƐWO Dzeɖoɖo Tso Ha Ŋu Eʋegbe Dzeɖoɖo Tso Ha Ŋu https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015262\/univ\/art\/502015262_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/d%C9%94deasigbal%E1%BA%BDviwo\/dze%C9%96o%C9%96o-tso-ha-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-19T16:04:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955919385,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":17,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995591938495636}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Noelle nye nyɔnuvi dzaa si lɔ̃a ame ƒe nya eye nutata doa dzidzɔ nɛ. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe me esime wònɔ tsatsam le woƒe aƒea megbe la, eɖiɖi ge dze ƒomea ƒe ta si me woƒua tsi le la me heno tsi ku. Esi wòsusɔ kwasiɖa eve pɛ ko wòaxɔ ƒe ene ye nu sia dzɔ.\nLe December 14, 2012 dzi la, woda tu ame 26 woku le suku aɖe me le Connecticut, United States; ɖevi 20 siwo xɔ ƒe ade alo adre la nɔ wo dome. Wo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwoe nye Charlotte, Daniel, Olivia kple Josephine. Dukplɔla Obama yɔ ɖeviawo ƒe ŋkɔwo le kuteƒea eye wògblɔ na nyasela siwo nɔ nu xam la be: \"Ele be ŋutasẽnuwɔna siawo nu natso.\"\nBano, si nye ɖetugbui si xɔ ƒe wuienyi la kple eƒe ƒomea woʋu le Iraq le ƒe 1996 me yi Norway. Exɔlɔ̃wo yɔnɛ vividoɖeameŋutɔe be Ɣe Ƒe Keklẽ. Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be, le July 22, 2011 dzi la, Bano hã nɔ ame 77 siwo ŋutsu aɖe si lé fu ame ƒomevi aɖewo kaɖikaɖi la da tu woku la dome; ŋutsua do dzi gblɔ emegbe be: \"Ete ɖe dzinye ŋutɔ be . . . ame ʋɛ mawo koe mete ŋu wu.\"\nWoɖea gbeƒã nudzɔdzɔ gbãdziname siawo tɔgbi enuenu le xexea me godoo. Bu nuxaxa kple vevesese si gbegbe afɔkuwo, hlɔ̃dodo, aʋawɔwɔ, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, dzɔdzɔmefɔkuwo kple bubuawo dona na amewo ŋu kpɔ. Ame maɖifɔwo bua woƒe agbe eye ame geɖewo kpea fu dzodzro zi geɖe!\nAme aɖewo bua fɔ Mawu hesusuna be mía Wɔla la metsɔ ɖeke le eme na amegbetɔƒomea o. Ame bubuwo ƒoa nya ta be Mawu kpɔa fu siwo kpem míele gake ɖeko wògbe be yemawɔ naneke tso wo ŋu o. Ame bubuwo hã gblɔna be afɔku mawo nye nu siwo Mawu ɖo ɖi xoxoxo be woava dzɔ. Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si le nya sia ŋu. Gake afi kae míakpɔ numeɖeɖe siwo dzi míate ŋu aka ɖo, siwo afa akɔ na mí la le? Le nyati eve siwo kplɔe ɖo me la, míadzro ale si Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖe nu si gbɔ fukpekpe tso kple ale si enu gbɔna yiyi gee la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130901\/amewo-bu-wo%C6%92e-agbe-dzodzro\/","date":"2019-06-20T02:56:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.98\/warc\/CC-MAIN-20190620024754-20190620050754-00108.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983912706,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983912706375122}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! January 2013 | Ale Si Nàhe Viwò Le Xexe Si Me Ðokuitɔdidi Xɔ Aƒe Ðo\nAle si nàwɔ aƒo asa na vodada etɔ̃ aɖewo siwo dzila aɖewo wɔna.\nXlẽ nu tso nyadzɔdzɔwo kple nu dodzidzɔname siwo le edzi yim le xexea me godoo ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe dzeɖoɖo kple viwò ƒewuivi sesẽna na wòa? Nu kawoe nana wòsesẽna?\nINTERVIEW\nKpɔ nu si ta dzɔdzɔmeŋutinunya si wòsrɔ̃ na wòva xɔ Mawu dzi se.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nKpɔ nu etɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò be viwòwo nagazu ɖokuitɔdilawo o.\nLANDS AND PEOPLES\nSrɔ̃ nu tso Africa dukɔ sia ƒe ŋutinya kple kɔnu aɖewo ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nDziƒoe wòlea, alo anyigba dzie wòanɔ? Ame kawoe anɔ eme?\nWAS IT DESIGNED?\nSrɔ̃ nu tso xevi aɖe si dzona ŋkeke enyi sɔŋ matɔmatɔe yia ƒugodo ŋuti.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso nu si gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame nye kple nu si nàwɔ ne wowɔa nu sia ɖe ŋuwò la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201301\/","date":"2019-06-18T11:38:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00362.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968907833,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968907833099365}","num_words":163,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo gblɔna be Yesu ƒe dzigbezãe Kristmas si Kristotɔwo ɖuna tso ɣeaɖeɣi ke la nye. Gake kɔnu siwo wowɔna le azã sia ɖuɣi la nana míebiana be, aleke wòdzɔe be wova tsɔ kɔnu mawo do ƒome kple Yesu ƒe dzigbe kura ya?\nGbã la, míaƒo nu tso glimeme si woyɔna be Santa Claus (si wogayɔna be Fada Kristmas alo Papa Noël) ŋu. Eyae nye ŋutsu si ɖo ge si fu hele wuya, si ƒe alɔgo le butuu eye wòdoa awu dzĩ la. Dziehe Amerika ƒe ahaɖaƒe aɖe ye toe vɛ tsɔ do boblo Kristmas le ƒe 1931 me eye wòkpɔ dzidzedze ŋutɔ. Le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me la, Braziltɔwo dze agbagba be yewoatsɔ glimeme bubu si woto vɛ le woƒe dukɔa me, si woyɔ be Grandpa Indian (Papa India) xɔŋkɔ la atsɔ aɖɔ li Fada Kristmas lae. Nu kae do tso eme? Le Nufialagã Carlos E. Fantinati ƒe nya nu la, menye ɖeko Fada Kristmas la de du heƒo Papa India la ta ko evɔ o, ke \"ede du wu Yesu ɖevi la hã, eye wòva zu nu si koŋ wotsɔ dea dzesi December 25 ƒe azã la.\" Gake Fada Kristmas alo Papa Noël si nye glimeme la ta koe nya ku ɖe Kristmas ŋua? Na míatrɔ ayi Kristo hamea ƒe gɔmedzedze ke ne míakpɔ ŋuɖoɖoa.\nBritaintɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me la, Kristotɔwo tsi tsitre ɖe xɔsetakulawo kple Yesu siaa ƒe dzigbezã ɖuɖu ŋu vevie.\" (Encyclopedia Britannica) Nu ka tae? Nu si tae nye be Kristotɔwo bua dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si wòle be yewoatsri keŋkeŋ. Gakpe ɖe eŋu la, womeyɔ Yesu ƒe dzigbeŋkeke le Biblia ƒe afi aɖeke o.\nTogbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo tsi tsitre ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si nye dzigbezãɖuɖu ŋu vevie hã la, Katoliko-haa va ɖo Kristmasɖuɖu anyi le ƒe alafa enelia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me. Esi sɔlemeha la di be yewoaxɔ ŋkɔ ta la, wodi be yewoaɖe nu vevi siwo nɔ mɔ xem na yewo la dometɔ ɖeka, si nye Romatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo kple woƒe azã siwo de du, siwo woɖuna le vuvɔŋɔli la ɖa. Agbalẽ si nye Amerikatɔwo Ƒe Kristmasɖuɖu, si aƒetɔ Penne L. Restad ŋlɔ la gblɔ be, ƒe sia ƒe tso December 17 lia dzi ʋuu va ɖo January 1 dzi la, \"Romatɔwo dometɔ akpa gãtɔ nɔa nuɖuɖu kple nunono, fefewɔwɔ, aglotutu siwo gbɔ eme, kple gbɔlɔlɔ dzi, eye wokpɔa gome le azã bubuwo hã ɖuɖu me ne wole bubu dem woƒe trɔ̃wo ŋu.\" Eye le December 25 lia dzi la, Romatɔwo ɖua Ɣe Si Dzi Womete Ŋu Ðuna O ƒe dzigbe. Esi sɔlemehaa ɖo Kristmasɖuɖu anyi ɖe ŋkeke ma dzi la, eto esia me ble Romatɔ geɖewo nu wova nɔ Yesu ƒe dzigbezã ɖum ɖe ɣe ƒe dzigbezãɖuɖu teƒe. Aƒetɔ Gerry Bowler ƒe agbalẽ si ƒo nu tso Fada Kristmas ŋu la gblɔ be Romatɔwo \"gakpɔtɔ nɔ gome kpɔm le dzidzɔdonamenu siwo wowɔna le azã siwo woɖuna le vuvɔŋɔli ƒe domedome la ŋu.\" (Santa Claus, a Biography) Le nyateƒe me la, \"wogakpɔtɔ ɖua azã yeyeawo abe ale si woɖua azã xoxoawo ene.\"\nEya ta eme kɔ ƒãa be nu si na nya ku ɖe Kristmasɖuɖu ŋu la koŋue nye be trɔ̃subɔsubɔ si nye ŋunyɔnu la mee wòdzɔ tso. Aƒetɔ Stephen Nissenbaum ƒe agbalẽ si ƒo nu tso Kristmas ƒe ŋutinya ŋu tso eƒe gɔmedzedzea ke la gblɔ be Kristmas \"menye nu bubu aɖeke tsɔ wu trɔ̃subɔlawo ƒe azã si dzi woda ŋkɔ ɖo be enye Kristotɔwo ƒe azã o.\" (The Battle for Christmas) Eya ta Kristmas-kɔnuwo medea bubu Mawu kple Via, Yesu Kristo, ŋu o. Nu tsɛ aɖe koe nya sia nyea? Biblia bia be: \"Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ɖekawɔwɔ kae le kekeli kple viviti dome?\" (2 Korintotɔwo 6:14) Abe ale si ko womate ŋu adzɔ ati si glɔ̃ hetro o ene la, nenema kee Kristmas-kɔnuwo hã tro ale gbegbe be \"womate ŋu adzɔe o.\"—Nyagblɔla 1:15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151201\/kristmas-k%C9%94nuwo\/","date":"2019-06-26T11:58:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000306.84\/warc\/CC-MAIN-20190626114215-20190626140215-00002.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980811477,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980811476707458}","num_words":641,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"●○○ YIYI ZI GBÃTƆ\n○●○ TƆTRƆYI GBÃTƆ\n○○● TƆTRƆYI EVELIA\nŊKUÐODZIA ƑE AMEKPEGBALẼVI (March 23–April 19):\nMíedi be míakpe wò na wɔna vevi aɖe. Wò amekpegbalẽvie nye esi. Le Fiɖa April 19 lia dzia, ame miliɔn geɖe akpe ta le xexea me godoo aɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi. Àkpɔ teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me kple gamea le agbalẽvi sia dzi. Míegale wò kpem be nàva se nuƒo aɖe kwasiɖa ɖeka do ŋgɔ si ƒe tanyae nye \"Minyã Agbe Vavã La!\"\nNya Si Nàgblẽ Ði Ne Wò Nyawo Dzɔ Dzi Nɛ: Nu ka tae Yesu va ku?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2019-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-24T11:00:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999482.38\/warc\/CC-MAIN-20190624104413-20190624130413-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993343353,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993343353271484}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu do lo ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu tsɔ fia ɣeyiɣi kple mɔ si dzi wòato aƒo Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo bliboa, siwo nye luawo nu ƒu, si adze egɔme tso ƒe 33 K.Ŋ.\n'Ame aɖe wu nuku nyui ɖe eƒe agble me'\nNukuwula: Yesu Kristo\nWowu nuku nyuiawo: Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo\nAgble la: Amegbetɔwo\n\"Esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va wu gbe vɔ̃ɖi ɖe luawo dome\"\nFutɔ la: Abosam\nAmewo dɔ alɔ̃: Esi apostoloawo ku\n\"Mina wo kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi la\"\nLu la: Kristotɔ amesiaminawo\nGbe vɔ̃ɖiawo: Alakpa Kristotɔwo\n\"Miho gbe vɔ̃ɖiawo gbã, eye . . . , emegbe miaƒo lu la nu ƒu\"\nKluviwo\/nuŋelawo: Mawudɔlawo\nGbe vɔ̃ɖiawo hoho: Woɖe alakpa Kristotɔwo ɖe vovo tso Kristotɔ amesiaminawo gbɔ\nLuawo nu ƒoƒo ƒu ɖe nudzraɖoƒe: Woƒo Kristotɔ amesiaminawo nu ƒu ɖe hame si ŋu wokɔ la me\nEsi nuŋeɣia dze egɔme la, nu kae na Kristotɔ vavãwo to vovo tso alakpa Kristotɔwo gbɔ?\nAleke lododo sia gɔme sese ɖe vi nam?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb5-11\/lu-kple-gbe-v%C9%94%CC%83%C9%96iawo-%C6%92e-lododoa\/","date":"2019-06-15T23:23:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997501.61\/warc\/CC-MAIN-20190615222657-20190616004657-00216.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965676665,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965676665306091}","num_words":171,"character_repetition_ratio":0.107,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yosef kple Maria nɔ Nazaret eye Yesu kpakple wo vi ŋutsu kple nyɔnu mamlɛawo hã nɔ wo gbɔ. Yosef wɔ atikpakpadɔ tsɔ kpɔ eƒe ƒomea dzi, eye wòfia nu wo tso Yehowa kple eƒe Sewo ŋu. Woƒe ƒomea yia ƒuƒoƒea ɖadea ta agu edziedzi eye ƒe sia ƒe la, woyia Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu.\nEsi Yesu xɔ ƒe 12 la, eƒe ƒomea zɔ mɔ didi aɖe yi Yerusalem abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Amewo sɔ gbɔ ɖe dua me elabena wova Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe. Le azãa megbe la, Yosef kple Maria gadze mɔ ɖo ta aƒe, eye wosusui be Yesu hã le ameawo dome. Gake esi wodii le woƒe ƒometɔwo dome la, womekpɔe o.\nWotrɔ yi Yerusalem, eye wodi wo via ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba wokpɔe le gbedoxɔa me. Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialaawo dome, nɔ to ɖom wo eye wònɔ nyawo biam wo. Yesu ƒe biabiawo wɔ nuku na nufialaawo ale gbegbe be woawo hã wobia nyawo Yesu. Ale si wòɖo nyaawo ŋu la wɔ nuku na wo. Wokpɔe be ese Yehowa ƒe Se la gɔme.\nYosef kple Maria tsi dzi vevie ŋutɔ. Maria gblɔ be: 'Vinye, míetsa di wò ʋuu! Afi kae nèyi?' Yesu ɖo eŋu na wo be: 'Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me le afi sia oa?'\nYesu dze edzilawo yome yi Nazaret. Yosef fia atikpakpadɔ Yesu. Ame ka tɔgbie nèsusu be Yesu nye esime wònye ɖekakpuivi dzaa? Esi Yesu nɔ tsitsim la, eƒe nunya nɔ dzidzim ɖe edzi eye Mawu kple amegbetɔwo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu.\n\"Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ, eye wò se la le menye.\"—Psalmo 40:8","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/11\/yesu-%C9%96evi-la-le-gbedox%C9%94a-me\/","date":"2019-06-17T14:55:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998509.15\/warc\/CC-MAIN-20190617143050-20190617164657-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992629886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992629885673523}","num_words":269,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple amewo. Nyabiase gbogbo siwo ŋu woɖona na amewo ne wole Biblia srɔ̃m kpli wo la dometɔ aɖewoe nye:\nAme kae nye Mawu?\nÐe Mawu tsɔa ɖe le eme nam vavãa?\nNu kae mawɔ be nye srɔ̃ɖeɖe nanyo ɖe edzi?\nAleke mawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me?\nÀkpɔ nya siwo amewo lɔ̃a biabia ku ɖe míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo le ete.\nAleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ae? Míedzroa nyatiwo abe \"Mawu\" alo \"srɔ̃ɖeɖe\" ene me, eye míedzroa mawunyakpukpui vovovo siwo ku ɖe nyatiwo mawo ŋu la me. Ne míetsɔ mawunyakpukpui siawo sɔ kple wo nɔewo la, míedea dzesi nu si Biblia ƒe akpa vovovowo gblɔ tso tanyaa ŋu, eye to mɔ sia dzi la míenana Biblia ŋutɔ ɖea eɖokui gɔme.\nAgbalẽ si míezãna tsɔ srɔ̃a Biblia lae nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Nyati siwo me agbalẽ sia ɖe wo me kɔ nyuie la dometɔ aɖewoe nye nu si tututu Biblia gblɔ tso Mawu, Yesu kple míaƒe etsɔme ŋu.\nHo nenie woxɔna ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ta? Womexɔa ga ɖe nusɔsrɔ̃ kple nusrɔ̃gbalẽa ta o.\nƔeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃ ɖeka xɔna? Ame geɖewo ɖoa gaƒoƒo abe ɖeka ene ɖi míetsɔ srɔ̃a Biblia kpli wo kwasiɖa sia kwasiɖa. Gake míetea ŋu trɔa asi le ɣeyiɣi ƒe didimea ŋu faa. Míate ŋu ava le ɣeyiɣi si nèdi la dzi.\nÐoɖo ka dzie míazɔ ɖo ne mebia be miava srɔ̃ Biblia kplim? Ne èbia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye la, Yehowa Ðasefo aɖe ava gbɔwò le afi si sɔ na wò kple ɣeyiɣi si sɔ na wò la me. Ðasefoa atsɔ miniti ʋɛ aɖewo afia ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la wò. Ne edzɔ dzi na wò la, ke àte ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi.\nNe melɔ̃ be woanɔ Biblia srɔ̃m kplim la, ɖe esia abia be mava zu Yehowa Ðasefoa? Ao. Edoa dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be yewoafia Biblia amewo, gake míezinɛ ɖe ame aɖeke dzi gbeɖe be wòaɖo míaƒe haa me o. Ke boŋ míegblɔa Biblia me nyawo na amewo ameŋububutɔe, eye míenyae be gome le ame sia ame si be wòanɔ subɔsubɔha si eya ŋutɔ lɔ̃ la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/nu-kae-nye-biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83\/","date":"2019-06-26T04:03:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00243.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999802053,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998020529747009}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"FEBRUARY (DZODZE) 15, 2016\nRUSSIA\nRussia dziɖuɖumegãwo ɖoe koŋ le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo nu woawo ŋutɔwo de se ɖo la dam ɖe Ðasefowo ƒe teƒeteƒewo heto ema dzi le nya tsɔm ɖe wo ŋu be wonye aglãdzenuwɔlawo eye ɖeko woƒe nuwɔna siawo le agbogbo dom ɖe edzi. Video sia ƒo nu tso nudzɔdzɔ siawo dometɔ etɔ̃ kple nu si esiawo katã le gbegblẽm le mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu le Russia la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/kpovit%C9%94wo-da-agbal%E1%BA%BDawo-%C9%96i-video\/","date":"2019-06-18T14:54:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998755.95\/warc\/CC-MAIN-20190618143417-20190618165417-00243.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999499917,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994999170303345}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Potifar Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Potifar, Egiptetɔ si ƒle Yosef wòzu eƒe kluvi la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Potifar Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Potifar Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013205\/univ\/art\/502013205_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/potifar\/","date":"2019-06-19T17:45:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971148372,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971148371696472}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.158,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 22, 2015\nMEXICO\nMEXICO CITY—Wokpe Yehowa Ðasefowo be woava kpɔ gome le Guadalajara Ƒe Dukɔwo Dome Agbalẽɖeɖefia, si nye agbalẽɖeɖefia gãtɔ kekeake si wowɔ le Spania-dukɔ aɖe me kpɔ la me. Le xexea me godoo la, esiae nye agbalẽɖeɖefia gãtɔ evelia si wowɔ kpɔ, eye Frankfurt Agbalẽɖeɖefia si wowɔ le Germany lae nye gãtɔ kekeake. Wɔnaa yi edzi le Guadalajara le Mexico tso November 28 va se ɖe December 6, 2014 dzi eye ame siwo ɖi tsa va wɔnaa teƒe la wu 760,000.\nWokpe agbalẽtaƒe 1,900 aɖewo tso dukɔ 44 me be woava kpɔ gome le wɔna sia me, eye Yehowa Ðasefowo hã le wo dome. Ðasefoawo ɖo Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe agbadɔ aɖe me. Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo ku ɖe ƒomewo, sɔhɛwo kple ɖeviwo ƒe hiahiã aɖewo koŋ ŋu.\nAƒetɔ Gamaliel Camarillo, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mexico, gblɔ be: \"Le ŋkeke ene siwo míeɖo agbalẽwo ɖe agbadɔ sia me me la, ame siwo wu 10,000 sɔŋue va míaƒe agbadɔa me eye míena agbalẽ 29,000 kloe wo gamaxɔmaxɔe. Gake taɖodzinu si le mía si yi ŋgɔ wu agbalẽwo mama ko. Wotrɔ asi le míaƒe agbalẽwo ŋu be woana amewo nakpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi na ame miliɔn geɖewo gbe sia gbe la.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nMexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/mexico\/guadalajara-agbal%E1%BA%BD%C9%96e%C9%96efia-2014\/","date":"2019-06-17T10:53:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00262.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983549118,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983549118041992}","num_words":214,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NYE ÐOKUIBƆBƆ?\nÐokuibɔbɔ nye nɔnɔme si nɔa ame si, si wɔnɛ be medoa eɖokui ɖe dzi o. Ðokuibɔbɔla mesusunɛ be yenyo wu ame bubuwo o. Ele be ame madeblibo ɖe sia ɖe si bɔbɔ eɖokui la nalɔ̃ ɖe edzi hã be seɖoƒe li na yeƒe ŋutete.\nALEKE MOSE ÐE ÐOKUIBƆBƆ FIAE?\nMose medo eɖokui ɖe dzi le ɖoƒe si su esi ta o. Zi geɖe la, ne ɖoƒe vi aɖe su ame si la, edzena enumake ne amea nye ɖokuibɔbɔla loo alo ame si doa eɖokui ɖe dzi. Esia tae ƒe alafa wuiasiekelia me agbalẽŋlɔla Robert G. Ingersoll gblɔ be: \"Ame geɖewo tea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. Gake ne èdi be yeanya ale si tututu ame aɖe le la, tsɔe ɖo ŋusẽnɔƒe aɖe.\" Le go sia me la, Mose ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le mɔ ka nu?\nÐoƒe kɔkɔ su Mose si, elabena Yehowa tsɔe ɖo Israel-viwo kplɔlae. Ke hã, Mose medo eɖokui ɖe dzi gbeɖe le ɖoƒe ma ta o. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòɖee fia be yenya afi si yeƒe ŋutete se ɖo la le ale si wòkpɔ nya sesẽ aɖe si fɔ ɖe te ku ɖe domenyinyi ŋu gbɔe me la ŋu kpɔ. (4 Mose 27:1-11) Nya gã aɖee wònye, elabena ale si woatso nya ma mee la anye nu si dzi woanɔ te ɖo akpɔ nya mawo tɔgbi gbɔ le etsɔme.\nAleke Mose awɔ nui? Ðe wòasusui be esi yenye Israel-viwo kplɔla ta la, yedze atso nya me le nya ma ŋua? Ðe wòanɔ te ɖe eƒe dzɔdzɔmeŋutete, agbemenuteƒekpɔkpɔ, alo nu si gbegbe wònya tso ale si Yehowa bua nuwo ŋui la dzi atso nya mea?\nÐewohĩ nenemae ame si doa eɖokui ɖe dzi la awɔ nui. Gake Mose ya mewɔ nu nenema o. Biblia gblɔ na mí be: \"Mose tsɔ woƒe nya la va Yehowa ŋku me.\" (4 Mose 27:5) Bu eŋu kpɔ ko! Le ƒe 40 siwo Mose tsɔ kplɔ Israel-viwo megbe gɔ̃ hã la, meɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ŋu. Esia na míekpɔ ale si gbegbe Mose bɔbɔ eɖokuii.\nMose mebui be ye ɖeka koe dze anɔ ŋusẽnɔƒe o. Dzi dzɔe esi Yehowa na Israel-vi bubuwo hã va nye nyagblɔɖilawo. (4 Mose 11:24-29) Esi Mose ƒe to, Yetro, ɖo aɖaŋu nɛ be wòana ame bubuwo nakpe ɖe eŋu la, Mose bɔbɔ eɖokui wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi. (2 Mose 18:13-24) Eye togbɔ be ŋusẽ kpɔtɔ nɔ Mose ŋu le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo me hã la, ebia be Yehowa natia ame bubu si ava xɔ ɖe ye teƒe. Esi Yehowa tia Yosua la, Mose lɔ̃ faa kpe asi ɖe Yosua ŋu, togbɔ be Mose nye xoxo nɛ hã, eye wòde dzi ƒo na dukɔa be woadze Yosua yome ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. (4 Mose 27:15-18; 5 Mose 31:3-6; 34:7) Ðikeke mele eme o be Mose bui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaxɔ ŋgɔ na Israel-viwo le tadedeagu me. Ke hã, ame bubuwo ƒe nyonyo nɔ vevie nɛ wu ɖoƒe si akpɔtɔ anɔ esi.\nNU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME?\nMíadi gbeɖe be ŋusẽ, ɖoƒe, alo dzɔdzɔmeŋutetewo nana míado mía ɖokui ɖe dzi o. Ðo ŋku edzi be, be míanye ŋudɔwɔnuwo na Yehowa la, míaƒe ɖokuibɔbɔ le vevie wu míaƒe ŋutetewo. (1 Samuel 15:17) Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo vavã la, míadze agbagba awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi be: \"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.\"—Lododowo 3:5, 6.\nMose ƒe kpɔɖeŋua fia mí hã be mele be míabu ɖoƒe alo ŋusẽnɔƒe si le mía si la nu vevi akpa o.\nÐe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Mose ɖo ɖi la sɔsrɔ̃ aɖe vi na mía? Ɛ̃, aɖe vi na mí godoo! Ne míebɔbɔa mía ɖokui ɖe anyi le dzi me la, míenana agbea nɔa bɔbɔe na ame siwo dome míele, eye míaƒe nu nyoa wo ŋu. Gawu la, míaƒe nu nyoa Yehowa Mawu, ame si ŋutɔ hã ɖea nɔnɔme nyui sia fiana la ŋu. (Psalmo 18:36) \"Mawu tsia tsitre ɖe ɖokuidoɖedzilawo ŋu, gake evea ɖokuibɔbɔlawo nu.\" (1 Petro 5:5) Ðe esia menye susu vevi aɖe si tae wòle be míasrɔ̃ Mose ƒe ɖokuibɔbɔ ɖo oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130201\/mose-ame-si-b%C9%94b%C9%94-e%C9%96okui\/","date":"2019-06-17T11:47:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00262.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984046817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984046816825867}","num_words":671,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\nŊɔŋlɔawo me kpeɖodzi kae ɖee fia be Mawu sea veve ɖe mía nu?\nEsime blema Israel-viwo nye kluviwo le Egipte la, Mawu nya fu siwo wokpe kple woƒe vevesesewo katã nyuie. (2 Mose 3:7; Yes. 63:9) Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, eya ta, míawo hã míate ŋu ase veve ɖe ame nu. Esea veve ɖe mía nu ne míesena le mía ɖokui me be míedze na eƒe lɔlɔ̃ o gɔ̃ hã.—wp18.3, axa 8-9.\nAleke Yesu ƒe nufiafiawo kpe ɖe amewo ŋu wote ŋu ɖu nazãbubu dzi?\nYudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me la dometɔ geɖe bua nazã ɖe ame bubuwo ŋu. Kristo na eme kɔ ƒãa be ele be míabɔbɔ mía ɖokui, eye eƒo nu tsi tre ɖe dumevinyenye ƒe dada ŋu. Ede dzi ƒo na eyomedzelawo be woabu wo nɔewo nɔviwoe.—w18.06, axa 9-10.\nNu kae míesrɔ̃ tso nu si tae Mawu meɖe mɔ na Mose wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o la me?\nƑomedodo kplikplikpli aɖe nɔ Mose kple Yehowa dome. (5 Mose 34:10) Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nawu woƒe ƒe 40 ƒe gbedzimɔzɔzɔa nu la, Israel-viwo gate liʋiliʋĩlilĩ ake le esi womekpɔ tsi o ta. Mawu gblɔ na Mose be wòaƒo nu na agakpe la. Gake Mose tsɔ eƒe atikplɔa ƒo agakpe la boŋ. Anɔ eme be Yehowa do dziku ɖe Mose ŋu le esi mewɔ ɖe Yeƒe mɔfiamewo dzi o alo esi metsɔ nukunua ŋuti kafukafu na Mawu o ta. (4 Mose 20:6-12) Esia na míekpɔ nu si tae wòle vevie be míaɖo to Yehowa ahatsɔ ŋutikɔkɔe ana eyama.—w18.07, axa 13-14.\nNu kawo mee wòle bɔbɔe be míawɔ vodada le ne míedrɔ̃ ʋɔnu amewo le woƒe gotagomedzedzeme nu?\nNu etɔ̃ aɖewo mee amewo drɔ̃a ʋɔnu ame bubuwo le le woƒe gotagomedzedzeme nu: ŋutigbalẽ ƒe amadede alo to si me wotso, nunɔamesi si le wo si kple amewo ƒe ƒexɔxɔ. Ele vevie egbea be míadze agbagba be míagakpɔ ame ŋkume o, abe ale si Mawu mekpɔa ame ŋkume o ene! (Dɔw. 10:34, 35)—w18.08, axa 8-12.\nMɔ siwo nu Kristotɔ tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu le la dometɔ aɖewo ɖe?\nYehowa gakpɔtɔ dea asixɔxɔ gã aɖe Kristotɔ tsitsi si ƒe agbanɔamedziwo trɔ la ŋu, eye agate ŋu awɔ geɖe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ate ŋu akpe ɖe ŋutsu siwo menye haxɔsetɔwo o, siwo srɔ̃wo nye nɔvinyɔnuwo le hamea me la ŋu, akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu, awɔ Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu, eye akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu.—w18.09, axa 8-11.\nNu kawoe le míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la me?\nKadodogbalẽviwo kple amekpegbalẽviwo. Trakt vovovo enyi siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Agbalẽ gbadza ʋɛ aɖewo kple agbalẽ eve siwo koŋ míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo, kpakple video vevi ene siwo dometɔ ɖekae nye, Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? hã le dɔwɔnuawo dome.—w18.10, axa 16.\nAleke Kristotɔ awɔ 'aƒle nyateƒe' abe ale si Lododowo 23:23 de dzi ƒoe ene?\nMíexea ga ɖe nyateƒea ta o. Ke hã, ebia ɣeyiɣi kple kutrikuku be wòasu mía si.—w18.11, axa 4.\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Hosea wɔ nu ɖe srɔ̃a, Gomer, ŋui la me?\nGomer wɔ ahasi enuenu, gake Hosea tsɔe kee eye wòkpɔtɔ nye srɔ̃a. Ne Kristotɔ aɖe srɔ̃ ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna me la, srɔ̃tɔ maɖifɔ la ate ŋu atiae be yeatsɔe akee. Ne srɔ̃tɔ maɖifɔ la gadze dɔdɔ kple srɔ̃a gɔme la, esia ate fli ɖe gome si le esi le Ŋɔŋlɔawo nu be wòagbe srɔ̃a la me.—w18.12, axa 13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2018\/%C3%A8%C9%96o-%C5%8Bku-wo-dzia-december-2018\/","date":"2019-06-20T14:11:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985958338,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985958337783813}","num_words":589,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AUSTRALIATƆWO ƒe adoglo aɖe si ŋuti ŋùwo le la hea tsi tsoa afu, yame ƒe fafa kple ke si me tsi le la me. Emegbe enana tsia tsana toa eŋuti yia eƒe nu me wònona. Aleke wòwɔa esiae? Anye be ale si eƒe ŋutigbalẽ wɔa dɔ nukutɔe la gbɔe wòtso.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Tsro ƒlatsawo le adoglo sia ŋu keŋ. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo susui be ne tsi alo ahũ ge ɖe eƒe tsroa dzi la, etsana yia eƒe ŋutigbalẽ ŋu eye wògena ɖe ʋe aɖewo siwo le tsroawo dome la me. Ʋe siawo siwo le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la de nu wo nɔewo me vae do ɖe eƒe nu me.\nGake aleke wòdzɔnae be adoglo sia hea tsi yia dzi toa eƒe atawo kple ŋutigbalẽa ŋu yia eƒe nu me, evɔ tsia mekɔna ɖe anyi o? Aleke wòdzɔnae be adoglo sia tea ŋu hea tsi tsoa ke siwo me tsi le la me ne etiti eƒe ƒodo ɖe kea me ko?\nNumekulawo ke ɖe nu siwo nana wòtea ŋu wɔnɛ alea la ŋu. Wode dzesii be pɔmpi tɔgbi aɖewo ƒomevi le ʋeawo te le eƒe ŋutigbalẽa ŋu. Pɔmpi siawo mee tsiawo tona le eƒe ŋutigbalẽa ŋu yia eƒe nu me abe ale si ko tsi toa pɔmpi siwo amegbetɔwo wɔ me yia dzi bɔbɔe ene. Eya ta adoglo sia ƒe ŋutigbalẽ le abe papahũ si noa tsi ene.\nAƒenɔ Janine Benyus, ame si nye dɔwɔƒe si kpɔa dzɔdzɔmenuwo dzi hewɔa wo tɔgbi la ƒe tatɔ gblɔ be mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ate ŋu akpɔ ale si adoglo sia hea tsi toa eƒe ŋutigbalẽ ŋu dzi awɔ mɔ̃ aɖe si aɖe dzoxɔxɔ ɖa le yame ale be xɔwo me nate ŋu afa, eye woakpɔ tsinono hã tso esia me.\nNu kae nèsusu? Ðe ale si adoglo sia ƒe ŋutigbalẽ tea ŋu hea tsi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201510\/%C5%8B%C3%B9wo-adoglo-%C5%8Butigbal%E1%BA%BD\/","date":"2019-06-17T07:42:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998440.47\/warc\/CC-MAIN-20190617063049-20190617085049-00400.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973958135,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973958134651184}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Be Yehowa natsɔ mí aɣla le eƒe dzikudogbea dzi la, ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu adzɔgbeɖeɖe nɛ ko. Ele be míawɔ ɖe aɖaŋu si Zefaniya ɖo na Israel-viwo la dzi.\nMidi Yehowa: Na ƒomedodo nyui nanɔ wò kple Yehowa dome to ale si nànɔ eƒe habɔbɔ ŋu kplikplikpli la dzi\nDi dzɔdzɔenyenye: Wɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi\nDi ɖokuibɔbɔ: Bɔbɔ ɖokuiwò nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye nàxɔ ɖɔɖɔɖo\nAleke mate ŋu adi Yehowa, dzɔdzɔenyenye kple ɖokuibɔbɔ le mɔ geɖe wu nu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec4-10\/di-yehowa-hafi-e%C6%92e-dzikudogbe-na%C9%96o\/","date":"2019-06-19T20:53:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999041.59\/warc\/CC-MAIN-20190619204313-20190619230313-00113.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981255531,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981255531311035}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WODE se na Kristotɔwo be woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Wogayɔa azã sia be 'Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu.' (Korintotɔwo I, 11:20) Nuka koŋue na wònye azã vevi? Ɣekaɣie wòle be woaɖui, eye alekee?\nYudatɔwo ƒe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe zã mee Yesu Kristo ɖo azã sia anyi. Zi ɖeka koe Yudatɔwo ɖuna azã si nye Ŋutitotoŋkekenyui la le ƒea me, le woƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi. Ðewohĩ ne Yudatɔwo be yewoabu ŋkeke sia la, wolalana vaseɖe adame ƒe ɣeyiɣi si ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna le. Enye ɣeyiɣi si ŋkeke xɔa abe gaƒoƒo 12 ene eye zã hã xɔa abe gaƒoƒo 12 ene. Ŋkeke si dzinu yeye dze dzi wokpɔ, si gogo adame ƒe ɣeyiɣi sia wu, ye nyea Nisan ƒe ɣletia ƒe gɔmedzeɣi. Woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le ema ƒe ŋkeke 14 megbe, ne ɣea ɖo to vɔ.\nYesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia kple eƒe apostolowo, ena Yuda Iskariot do go, eye emegbe wòɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi. Nuɖuɖu siae va xɔ ɖe Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia teƒe eye le esia ta ele be woanɔ eɖum zi ɖeka ko le ƒea me.\nMateo ka nya ta le eƒe Nyanyuia me be: \"Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtsɔ kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.\"—Mateo 26:26-28.\nAme aɖewo gblɔna be Yesu trɔ abolo la wòzu eƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ eye wòtrɔ wein la wòzu eƒe ʋu. Gake esime Yesu tsɔ abolo sia na la, eƒe ŋutilã ganɔ abe alesi wònɔ tsã ko ene. Ðe Yesu ƒe apostolowo nɔ eƒe ŋutilã ɖum henɔ eƒe ʋu nom ŋutɔŋutɔa? Ao, elabena ema anye amelãɖuɖu si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu. (Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:10) Le Luka 22:20 ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: \"Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.\" Ðe kplu ma trɔ zu \"nubabla yeye\" ŋutɔŋutɔa? Mate ŋu adzɔ nenema o, elabena nya si dzi ame aɖewo lɔ̃ ɖo le wo nɔewo domee woyɔna be nubabla, menye nane si wokpɔna ŋutɔŋutɔe o.\nEyata kpɔɖeŋunuwoe aboloa kple wein la nye. Aboloa tsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã deblibo la. Abolo aɖe si susɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu megbee Yesu zã. Womede amɔʋãnu aɖeke aboloa me o. (Mose II, 12:8) Zi geɖe la, Biblia zãna amɔʋãnu tsɔ wɔa nuvɔ̃ alo gbegblẽ ƒe kpɔɖeŋu. Eyata abolo la tsi tre ɖi na ŋutilã deblibo si Yesu tsɔ sa vɔe. Nuvɔ̃ menɔ eŋu o.—Mateo 16:11, 12; Korintotɔwo I, 5:6, 7; Petro I, 2:22; Yohanes I, 2:1, 2.\nWein dzĩ la tsi tre ɖi na Yesu ƒe ʋu. Ʋu siae na asixɔxɔ va le nubabla yeyea ŋu. Yesu gblɔ be wokɔ yeƒe ʋu ɖe anyi \"hena nuvɔ̃keke.\" Esia wɔe be Mawu ate ŋu abu amegbetɔwo be wole dzadzɛ eye woate ŋu ava nɔ nubabla yeye me kple Yehowa. (Hebritɔwo 9:14; 10:16, 17) Nubabla, alo ŋugbedodo, sia na mɔnukpɔkpɔ Kristotɔ nuteƒewɔla 144,000 be woayi dziƒo. Woasubɔ le afima anye fiawo kple nunɔlawo ahe yayra vɛ na ameƒomea.—Mose I, 22:18; Yeremya 31:31-33; Petro I, 2:9; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-3.\nAmekawoe kpɔ mɔ aɖu Ŋkuɖodzinu siawo? Eme kɔ be amesiwo le nubabla yeyea me—amesiwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo—koe kpɔ mɔ aɖu aboloa ahano wein la hã. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖoa kpe edzi na ame mawo be wotia wo be woava nye fiawo le dziƒo. (Romatɔwo 8:16) Wole Fiaɖuƒe ƒe nubabla hã me kple Yesu.—Luka 22:29.\nKe amesiwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi ya ɖe? Wowɔna ɖe Yesu ƒe sededea dzi eye wodea Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua, gake woyina be yewoanye nuteƒekpɔlawo ko, ke menye be yewoakpɔ gome le nua ɖuɖu me o. Yehowa Ðasefowo ɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua zi ɖeka le ƒea me le Nisan 14 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Togbɔ be le xexeame godoo la, ame akpe ʋɛ aɖewo koe gblɔna be dziƒo mɔkpɔkpɔe le yewo si hã, azã sia le vevie na Kristotɔwo katã. Eʋua mɔnukpɔkpɔ na amesiame be wòade ŋugble le lɔlɔ̃ gã si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖe fia mí la ŋu.—Yohanes 3:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia\/a%C6%92et%C9%94-%C6%92e-fi%E1%BA%BDnu%C9%96u%C9%96u-az%C3%A3-si-dea-bubu-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-17T14:54:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998509.15\/warc\/CC-MAIN-20190617143050-20190617165050-00269.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985242486,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985242486000061}","num_words":697,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye àkpɔ ɖeɖe.'—Dɔwɔwɔwo 16:31.\nApostolo Paulo kple Sila ye gblɔ nya sia na gaxɔdzikpɔla aɖe le Makedonia ƒe dugã si nye Filipi la me. Nya mawo gɔme ɖe? Hafi míase nu si tae wòle be míaxɔ Yesu dzi se hafi akpɔ ɖeɖe gɔme la, gbã la, ele be míanya nu si tae míekuna. De ŋugble le nu si Biblia fia ŋu kpɔ.\nMawu meɖoe be amegbetɔwo naku o\n\"Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi. Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: 'Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.'\"—1 Mose 2:15-17.\nMawu tsɔ ame gbãtɔ Adam ɖo Eden-bɔ, si nye anyigba dzi paradiso, si me lãwo kple atiwo kpakple seƒoƒo dzeani vovovowo le fũu la me. Ati tseku geɖewo le abɔa me, siwo ƒe tsetse Adam ate ŋu aɖu faa. Gake Yehowa Mawu de se si me kɔ nyuie la na Adam be wòagaɖu ati ɖeka aɖe ya ƒe tsetse o, eye wòxlɔ̃ nui be ne eɖui la, aku.\nÐe Adam se sedede ma gɔmea? Enya nu si ku nye, elabena ekpɔnɛ lãwo kuna. Ne ɖe wowɔ Adam be wòava ku mlɔeba la, ke gɔmesese boo aɖeke manɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amea ŋu o. Ke boŋ Adam nyae be ne yewɔ Mawu ƒe se dzi eye yemeɖu ati si ŋu wòde se ɖo ƒe tsetse o la, ekema yeanɔ agbe tegbee, yemaku o.\nAme aɖewo susuna be ati la le tsitre ɖi na ŋutsu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, gake menye eyae o. Nu si tae nye be Yehowa ŋutɔ di be Adam kple srɔ̃a, Xawa, 'nadzi ne woasɔ gbɔ,' eye 'woayɔ anyigba la dzi, eye woanye agbo ɖe edzi.' (1 Mose 1:28) Eya ta ati ŋutɔŋutɔ ŋue sededea ku ɖo. Yehowa yɔ atia be \"sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati,\" elabena ele tsitre ɖi na gome si le Mawu si be wòatso nya me le nu si nye nyui alo vɔ̃ ŋu na amegbetɔwo. Ne Adam meɖu ati ma ƒe tsetse o la, menye ɖeko wòaɖee afia be yenye toɖola ko o, ke aɖee afia hã be yelɔ̃ Ame si wɔ ye heyra ye geɖe alea.\nEsi Adam meɖo to Mawu o tae wòku ɖo\n'Mawu gblɔ na Adam bena: Esi nèɖu ati, si ŋuti mede se ɖo na wò la ƒe ɖe la, fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!'—1 Mose 3:17, 19.\nAdam ɖu ati si ŋu wode se ɖo la ƒe ɖe. Ŋkubiãnyae eƒe tomaɖomaɖonuwɔna ma nye. Aglãdzedzee wònye, eye efia hã be mekpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ nɛ la ŋu o. Esi Adam ɖu atia ƒe tsetse la, ema fia be egbe Yehowa, eye wòto esia me ɖee fia be yeate ŋu awɔ nu le ye ɖokui si; esia he fukpekpe geɖe vɛ.\nAdam va ku mlɔeba, abe ale si Yehowa gblɔe ɖi ene. 'Anyi ye Mawu tsɔ mè' Adam, eye egblɔ nɛ be 'anyi ke wòagatrɔ azu!' Esi Adam ku la, menye xexe bubu aɖe mee wòyi o. Ke boŋ esi wòku la, efia be agbe megale eme o, abe anyi si me agbe mele o, si wotsɔ wɔe la ene.—1 Mose 2:7; Nyagblɔla 9:5, 10.\nEsi míedzɔ tso Adam me tae míekuna ɖo\n\"To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.\"—Romatɔwo 5:12.\nAdam ƒe tomaɖomaɖoa, alo nu vɔ̃ si wòwɔ la, gblẽ nu le ameƒomea katã ŋu. Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, menye agbenɔnɔ ƒe 70 alo 80 pɛ koe wòbu o, ke boŋ agbe tegbee si eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa anɔ lae wòbu. Gakpe ɖe eŋu la, ebu eƒe blibodedea hã le nu vɔ̃ si wòwɔ ta, eye esia wɔe be eƒe dzidzimeviwo katã mede blibo o.\nAdam me mí katã míedzɔ tso. Esia tae wodzi mí ame madeblibowoe ɖo, ke menye míawo gbɔe wòtsɔ o, eye esia wɔe be míewɔa nu vɔ̃, eye mlɔeba míekuna. Paulo ɖɔ nɔnɔme wɔnublanui sia esi wòŋlɔ bena: \"Ŋutilãmeme, si wodzra ɖe nu vɔ̃ te, ye nye ya menye. Oo, nye nublanuitɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me?\" Paulo ŋutɔ ɖo eƒe nyabiasea ŋu be: \"Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!\"—Romatɔwo 7:14, 24, 25.\nYesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee\n\"Fofo la dɔ Via ɖa be wòanye xexea Ðela.\"—1 Yohanes 4:14.\nYehowa Mawu wɔ ɖoɖo be yeaɖe nu siwo nu vɔ̃ gblẽ le mía ŋu la ɖa ahaɖe mí tso ku ɖikaa si me. Aleke wòwɔe? Edɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la tso dziƒo eye wodzii wònye amegbetɔ deblibo abe Adam ke ene. Gake, to vovo na Adam la, Yesu ya \"mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.\" (1 Petro 2:22) Esi wònye amegbetɔ deblibo ta la, ku mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o, eya ta ate ŋu ayi edzi anɔ agbe tegbee hafi.\nGake le esia teƒe la, Yehowa ɖe mɔ Yesu ƒe futɔwo wui. Ŋkeke etɔ̃agbe la, Yehowa fɔ Yesu ɖe agbe wòzu gbɔgbɔmeme ale be wòate ŋu atrɔ ayi dziƒo. Esi Yesu yi dziƒo la, etsɔ asixɔxɔ si le eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbea ŋu la yi na Mawu be wòatsɔ agbugbɔ aƒle nu siwo Adam bu na eɖokui kple eƒe dzidzimeviwo la. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa sia ŋu, si wɔe be ame siwo xɔ Yesu dzi se la ate ŋu anɔ agbe tegbee.—Romatɔwo 3:23, 24; 1 Yohanes 2:2.\nAle wɔ Yesu gbugbɔ ƒle nu siwo katã Adam bu la. Eku ɖe mía ta ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Biblia gblɔ be: 'Yesu kpe ku ƒe fu, bene to Mawu ƒe amenuveve me la, wòaɖɔ ku kpɔ ɖe ame sia ame ta.'—Hebritɔwo 2:9.\nÐoɖo sia ɖe nu geɖe fia tso Yehowa ŋu. Eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔ la na wòsesẽ na amegbetɔ madeblibowo be woaxɔ na wo ɖokuiwo. Gake lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ʋãe wòtsɔ Via xe fe ɖe mía ta, si nye wɔwɔ ɖe nu si eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye bia la dzi, togbɔ be esia bia nu gã aɖe tso esi hã.—Romatɔwo 5:6-8.\nWofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, eye esia fia be woava fɔ ame bubu siwo ku la hã ɖe tsitre\n'Wofɔ Kristo, ame si nye gbãtɔ le ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me dome la, ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Elabena esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va. Elabena ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.'—1 Korintotɔwo 15:20-22.\nÐikeke aɖeke mele eme o be Yesu nɔ agbe le anyigba dzi kpɔ heku, gake nu kae ɖo kpe edzi be wofɔe tso ku me? Kpeɖodzi veviawo dometɔ ɖekae nye be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia ame geɖe le ɣeyiɣi vovovowo me kple teƒe vovovowo. Ɣeaɖeɣi la, eɖe eɖokui fia ame siwo wu 500 sɔŋ. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo tso nya sia ŋu eye wògblɔ be, ame siwo nɔ eteƒe la dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le agbe, si fia be woate ŋu aɖi ɖase tso nu si woawo ŋutɔwo kpɔ kple nu si woawo ŋutɔwo se ŋu.—1 Korintotɔwo 15:3-8.\nNya nyui lae nye be, esi Paulo ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me be Kristoe nye ame \"gbãtɔ\" si wofɔ ɖe tsitre la, ema le fiafiam be woava fɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre emegbe. Yesu ŋutɔ gblɔ be ɣeyiɣi aɖe le vava ge le esi me 'ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.'—Yohanes 5:28, 29.\nHafi míate ŋu anɔ agbe tegbee la, ele be míaxɔ Yesu dzi ase\n\"Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.\"—Yohanes 3:16.\nWoƒo nu tso ɣeyiɣi si me ku va xexea me kple esi me Paradisoa bu la ŋu le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔa me. Eƒe agbalẽ mamlɛtɔ ƒo nu tso ɣeyiɣi si me woava ɖe ku ɖa eye Mawu nagbugbɔ aɖo Paradisoa anyi le anyigba dzi la ŋu. Ɣemaɣi la, amewo ase vivi na agbenɔnɔ tegbee, elabena nu sia nu adze edzi na wo nyuie. Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ be: \"Ku maganɔ anyi o.\" Be Mawu nana míaka ɖe ŋugbedodo ma dzi la, kpukpui 5 lia gblɔ be: \"Nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.\" Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo la dzi godoo.\nÐe nèka ɖe edzi be \"nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo\" nyateƒea? Ne èka ɖe edzi la, ekema yi edzi nàsrɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋu, eye nàxɔ edzi ase. Ne èwɔ esia la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Menye ɖeko wòayra wò geɖee fifia ko evɔ o, ke mɔkpɔkpɔ asu asiwò hã be nàva nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi, esime \"ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150301\/yesu-ku-kple-tsitretsitsi\/","date":"2019-06-25T16:35:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999853.94\/warc\/CC-MAIN-20190625152739-20190625174739-00052.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961141348,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961141347885132}","num_words":1513,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nMíeda akpe be mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be eva le bɔbɔe be nàdo ka kple ame geɖe fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ke hã, ƒomedodo si anɔ wò kple xɔ̃wo mawo dome la me masesẽ o. Ðekakpui aɖe gblɔ be, \"Mesena le ɖokuinye me be kadodo si le nye kple amewo dome me ava tso gbe ɖeka nublanuitɔe. Gake xɔlɔ̃ veviwo le fofonye ya si ƒe geɖee nye esia!\"\nNu ka tae wòle sesẽm be xɔlɔ̃ vavãwo nanɔ ame si le ŋkeke siawo me?\nNU SI WÒLE BE NÀNYA\nKuxia ƒe akpa aɖe tso elektrɔnikmɔ̃wo gbɔ. Text message, Internet dzi hahoo kadodowo, kple nyakakamɔnuwo na wòdze nu bɔbɔe be xɔlɔ̃ ate ŋu anɔ ame si esi mahiã be miado go mia nɔewo ŋkume kple ŋkume o. Agbalẽ si nye Yeaɖi Ŋkuʋuʋu (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: \"Amewo megaɖoa dze kple wo nɔewo ŋkume kple ŋkume fũu o. Sukuviwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖoa dze toa elektrɔnikmɔ̃wo dzi wu wo nɔewo gbɔ nɔnɔ aɖo adze.\"\nLe go aɖewo me la, elektrɔnikmɔ̃wo nana wòdzena be xɔlɔ̃wo dome le kplikplikpli, evɔ mele nenema hafi o. Brian, * si xɔ ƒe 22 gblɔ be: \"Esi mesusu be xɔ̃wo le asinye ta la metoa text message dzi bia wo ta ɣesiaɣi. Emegbe medzudzɔ text message ɖoɖo ɖe wo ne makpɔ ɖa be wo dometɔ nenie abia tanye hã. Le nyateƒe me la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe bia tanye. Edze ƒãa be wo dometɔ aɖewo menye xɔ̃nye kplikplikpliwo abe ale si mesusui ene o.\"\nGake ɖe text message kple nyakakamɔnuwo makpe ɖe ŋuwò be nàdo ka kple amewo ahado ŋusẽ miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa oa? Ate ŋui—vevietɔ ne ègadoa go wo ŋkume kple ŋkume. Gake zi geɖe la, ɖeko nyakakamɔnuwo ana be nàva nya amewo gake mana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wò kpli wo dome o.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nNya ame si nye xɔlɔ̃ vavã. Biblia ɖɔ xɔlɔ̃ be enye ame si \"kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.\" (Lododowo 18:24) Xɔlɔ̃ sia ƒomevi dim nèlea? Xɔlɔ̃ sia tɔgbie nènyea? Be nàte ŋu aɖo nyabiase mawo ŋu la, ŋlɔ nɔnɔme etɔ̃ siwo nàdi be woanɔ xɔ̃wò si la ɖi. Emegbe ŋlɔ nɔnɔme etɔ̃ siwo wòle be wòanɔ wò hã asiwò la ɖi. Bia ɖokuiwò be: 'Xɔlɔ̃ siwo medoa ka kplii le elektrɔnikmɔ̃wo dzi kawo sie nɔnɔme siwo madi be woanɔ xɔ̃nyewo si la le? Nɔnɔme kawoe woagblɔ be meɖena fiana le míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me?'—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 2:4.\nNya nu siwo le vevie. Zi geɖe la, xɔlɔ̃ siwo nèdoa ka kplii la nyea ame siwo wò kpli wo miekpɔa dzidzɔ ɖe nu ɖeka aɖe wɔwɔ ŋu, abe modzakaɖeɖe aɖe ene. Ke hã, taɖodzinu ɖeka si anɔ wò kple xɔ̃wòwo si le vevie wu nu siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ ɖo la ko. Leanne si xɔ ƒe 21 gblɔ be: \"Xɔlɔ̃ geɖewo mele asinye ya o, gake esiwo le asinye la kpena ɖe ŋunye be manye ame ɖɔʋu.\"—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 13:20.\nÐo dze kple amewo ŋkume kple ŋkume. Míate ŋu atsɔ nu bubu aɖeke asɔ kple dzeɖoɖo ŋkume kple ŋkume si me nàte ŋu ade dzesi nu suesuesuewo abe amea ƒe gbe, ale si wòɖo moe kple ale si wòle nu wɔmee ene o.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Tesalonikatɔwo 2:17.\nŊlɔ lɛta. Togbɔ be adze abe nu si megale tsia dzi ene o hã la, lɛtaŋɔŋlɔ na ame aɖe aɖee afia be nètsɔ ɖe le eme nɛ eye nèle eŋu bum vevie. Gake esi nu geɖe li kɔ ɖe amewo dzi ta la, lɛtaŋɔŋlɔ megabɔ egbea o. Le kpɔɖeŋu me, Sherry Turkle ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Wò Ðeka Àte Ŋu Awɔe (si le Eŋlisigbe me) me be ɖekakpui aɖe gblɔ be, yemeɖo ŋku edzi be ame aɖe ŋlɔ lɛta na ye le yeƒe agbe me kpɔ o. Ðekakpuia gblɔ le ɣeyiɣi siwo me amewo ŋlɔa lɛta ŋu be, \"agbenɔnɔ le ɣeyiɣi mawo me dzroam vevie ŋutɔ.\" Nu ka tae màto mɔnu sia dzi adze xɔlɔ̃ amewo o?\nNu vevitɔ: Xɔlɔ̃ vavã de ŋgɔ wu kadodo kple ame to elektrɔnikmɔ̃wo dzi ko. Ebia be wò kple xɔ̃wòa miaɖe lɔlɔ̃, veveseseɖeamenu, dzigbɔɖi kple tsɔtsɔke afia mia nɔewo. Nɔnɔme siawo nana dzidzɔ nɔa xɔlɔ̃wo dome. Gake ne xɔ̃wòwo nye ame siwo nèɖoa dze kple le elektrɔnikmɔ̃wo ko dzi la, manɔ bɔbɔe be miaɖe nɔnɔme siawo afia o.\n^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-january-2016\/dze-x%C9%94l%C9%94%CC%83-vav%C3%A3wo\/","date":"2019-06-19T11:49:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00315.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991594553,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991594552993774}","num_words":711,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ\nNu si wòfia. Abe ale si ko aƒe aɖeke meyia edzi nɔa te sesĩe hena ƒe geɖe le eɖokui si o ene la, nenema kee srɔ̃ɖeɖe likewo hã menɔa anyi ɖaa agbagba aɖeke madzemadzee o. Xɔ like ɖe sia ɖe hiã gɔmeɖoanyi sesẽ, eye nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe siwo li ke hã gome. Mɔfiametsoƒe aɖe si ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ ɣesiaɣi dzie wonɔa te ɖo ɖoa srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo gɔme anyi.\nNu si ta wòle vevie. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖowo bɔ ɖe agbalẽwo, magazinewo, kple television dzi wɔnawo me. Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola aɖewo ade dzi ƒo na atsu kple asiwo be woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ, evɔ bubuwo ya ade dzi ƒo na srɔ̃tɔ mawo ke be woagbe wo nɔewo. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nunyalawo gɔ̃ hã va trɔa woƒe nukpɔsusu le nya siawo tɔgbi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 me la, susuŋutinunyala aɖe si bi ɖe ƒewuiviwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me la ŋlɔ be, le yeƒe dɔwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la, yesusu be \"ade ɖeviwo dzi wu be woanɔ dzilaɖekɛ si ƒe dzi dze eme la gbɔ tsɔ wu be woanɔ dzila eveawo siwo nɔa dzre dzi ɖaa la gbɔ. Mesusu be enyo be woagbe srɔ̃ wu be woanɔ fu kpem le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ mele o me.\" Ke hã, nuteƒekpɔkpɔ siwo va su esi le ƒe 20 siwo wòtsɔ wɔ dɔ me na wòtrɔ eƒe susu. Egblɔ be: \"Srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖevi geɖewo ŋu.\"\nAmewo ƒe nukpɔsusuwo tea ŋu trɔna, gake Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe gɔmeɖosewo adze le srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake si ŋu woake ɖo la ŋu le mɔ aɖewo nu godoo. Esi nèle nyati siawo xlẽm la, ànya de dzesii be woŋlɔ Biblia me gɔmeɖose aɖe ɖe axa siwo nye 3 va se ɖe 8 la tame. Gɔmeɖose mawo dzi wɔwɔ kpe ɖe ƒome geɖewo ŋu wokpɔ dzidzedze vavãtɔ le woƒe ƒomea me. Ƒome siawo hã doa go kuxiwo abe ƒome bubuwo ke ene. Gake vovototoa ye nye be Biblia kpe ɖe wo ŋu woɖo gɔmeɖoanyi sesẽ na srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ. Ele be míakpɔ mɔ be wòanɔ alea, elabena Yehowa Mawu, Ame si na woŋlɔ Biblia lae nye ƒome Gɔmeɖoanyila.—2 Timoteo 3:16, 17.\nTe mɔfiame sia kpɔ. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖe axa 3 va se ɖe 8 tame la ɖi. Àte ŋu aŋlɔ mawunyakpukpui bubu ɖe sia ɖe si ɖe vi na wò kpɔ hã akpee. Da nuŋlɔɖi sia ɖe asitsɔƒe eye nànɔ woxlẽm edziedzi.\nTso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Ðoe be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu le wò ƒomea me.—g09 10-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\nBiblia me gɔmeɖose siwo wɔa dɔ akpe ɖe ŋuwò be wò ƒomea nali ke ahanɔ te ɖe kuxi siwo nu sẽ abe ahom ene la nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Nu-7lia-G%C9%94me%C9%96oanyi-Ses%E1%BA%BD\/","date":"2020-01-18T21:44:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593937.27\/warc\/CC-MAIN-20200118193018-20200118221018-00403.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992598891,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999259889125824}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wòle Be Kristotɔwo Nanye Hiãtɔwoa?\nGBEÐEKA Yesu gblɔ na ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si nye dziɖula be ele nɛ be wòadzra eƒe nunɔamesiwo katã eye wòatsɔ wo ana ame dahewo. Nuŋlɔɖia gblɔ be ŋutsua lé blanui le nya si Yesu gblɔ nɛ la ta eye wòdzo kple nuxaxa, \"elabena nu geɖewo le esi.\" Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Aleke gbegbe wòsẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena woayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!\" Yesu gagblɔ be: \"Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la mee.\"—Marko 10:21-23; Mateo 19:24.\nNukae Yesu ƒe nya mawo fia? Ðe womate ŋu awɔ ŋutilãmekesinɔnuwo kple tadedeagu vavã ŋudɔ ɖekae oa? Ðe wòle be Kristotɔwo nase le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ ne ga le wo sia? Ðe Mawu di tso wo si be woanɔ agbe si wotea nu ame ɖokuia?\nMawu Xɔa \"Ameƒomeviwo Katã\"\nMawu mebia tso Israel-viwo si le blema be woanɔ agbe le koɖoɖo me o. Bu nusia ŋu kpɔ: Esi woxɔ anyigba si woma na wo vɔ megbe la, wode agble eye wowɔ dɔ bubuwo be woate ŋu akpɔ woa ŋutɔwo kple woƒe ƒomea me tɔ kplikplikpliwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nusiwo nye ganyawo, yame ƒe nɔnɔme, lãmesẽmenɔnɔ, alo aɖaŋudɔ aɖe nyanya ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi. Mose ƒe Sea fia Israel-viwo be woakpɔ nublanui na amesi dzi ganyawo mede o eye wozu ahedalawo. (Mose III, 25:35-40) Gake ame aɖewo nye kesinɔtɔwo. Woƒo nu tso Boas si nye ŋutsu xɔsetɔ kple nuteƒewɔla, si va zu Yesu Kristo tɔgbui ŋu be enye amesi si \"alɔme le ŋutɔ.\"—Rut 2:1.\nAlea tututu nɔnɔmeawo nɔ le Yesu ƒe agbenɔɣi hã. Esi Yesu nɔ nu ƒom na ɖekakpui kesinɔtɔ si míeyɔ va yi la, menye ɖe wònɔ nuteteameɖokuigbenɔnɔ ƒe dzi dem ƒo o. Ke boŋ nu vevi aɖe fiam wònɔ. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, adze nusesẽ be kesinɔtɔwo nabɔbɔ wo ɖokui ahaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu. Ke hã, Yesu gblɔ be: \"Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.\"—Mateo 19:26.\n\"Ameƒomeviwo katãe\" nɔ Kristo-hamea me le ƒe alafa gbãtɔa me. (Timoteo I, 2:4, NW) Amesiawo dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔwo, bubuwo ƒe ganyawo de wo dzi si na wonɔ agbe le dziɖeɖi me, eye wo dometɔ geɖe nye hiãtɔwo. Kesinɔnu anya nɔ wo dometɔ aɖewo si hafi wova zu Kristotɔwo. Le ame bubuwo gome la, nɔnɔme deamedziwo kple nyametsotso nyuiwo wɔwɔ le dɔwɔnyawo gome anya na wokpɔ kesinɔnuwo emegbe.\nNenema ke egbea la, amesiwo ƒe ganyawo le vovovoe le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Wo katã wodoa vevie be woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia si ku ɖe ganyawo ŋu dzi, esi ŋutilãmenudidi vivivo ate ŋu agblẽ nu le amesiame ŋu ta. Nusi Yesu fia ku ɖe ɖekakpui kesinɔtɔ si nye dziɖula ma ŋu nana Kristotɔ ɖesiaɖe nɔa ŋudzɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ si ga kple nunɔamesiwo ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi la ŋu.—Marko 4:19.\nNuxlɔ̃ame na Kesinɔtɔwo\nTogbɔ be Biblia metsi tre ɖe kesinɔnu ƒe amesinɔnɔ ŋu o hã la, etsi tre ɖe galɔlɔ̃ ya ŋu. Biblia ŋlɔla Paulo gblɔ be: \"Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.\" Egblɔ be ame aɖewo ŋe aɖaba ƒu gbɔgbɔmenuwo dzi le esi wonɔ didim be woazu kesinɔtɔwo ta, eye \"wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.\"—Timoteo I, 6:10.\nEnyo be míade dzesii be, Paulo ɖo aɖaŋu na kesinɔtɔwo tẽ. Egblɔ be: \"De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.\" (Timoteo I, 6:17) Eme kɔ ƒã be afɔku le eme be kesinɔtɔwo ate ŋu ava do wo ɖokui ɖe dzi eye woase le wo ɖokui me be yewo nyo wu ame bubuwo. Azɔ hã woate ŋu asusui be kesinɔnuwo ate ŋu ahe dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ—si nye nusi Mawu ɖeɖe dzaa ko ate ŋu ana bliboe.\nKristotɔ siwo si kesinɔnuwo bɔ ɖo ate ŋu aƒo asa na afɔku siawo ne wonye \"kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me.\" Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye alesi \"woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede,\" si nye kpekpeɖeŋu nana amesiwo hiã tu faa. (Timoteo I, 6:18) Kristotɔwo—woɖanye kesinɔtɔwo alo hiãtɔwo o—ate ŋu azã woƒe nunɔamesiwo atsɔ akaka Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui, si nye Kristotɔ vavãwo ƒe dɔ vevitɔ egbea. Dɔmenyo ƒe gbɔgbɔ sia nana woɖea ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ ƒe nɔnɔme nyui fiana eye ame ƒe nu nyoa Yehowa Mawu kpakple Yesu Kristo, siwo lɔ̃a amesiwo lɔ̃a nunana faa ŋu.—Mateo 24:14; Luka 16:9; Korintotɔwo II, 9:7.\nNusiwo Le Vevie Wu\nEme kɔ ƒã be womebia tso Kristotɔwo si be woanye hiãtɔwo o. Eye mele be 'woaɖoe be yewoazu kesinɔtɔwo godoo' hã o. (Timoteo I, 6:9) Ke boŋ wowɔa dɔ sesĩe be woakpɔ woƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ. Nɔnɔme vovovo si me wole kple alesi ganyawo le le wo gbɔ ana be woƒe agbagbadzedze me tsonuwo nato vovo.—Nyagblɔla 11:6.\nAleke kee woƒe ganyawo ɖale o, Kristotɔwo dzena agbagba be 'yewoati nusiwo le vevie wu la yome.' (Filipitɔwo 1:10) To gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me la, \"[woƒoa] kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.\"—Timoteo I, 6:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030108\/%C3%90e-W%C3%B2le-Be-Kristot%C9%94wo-Nanye-Hi%C3%A3t%C9%94woa\/","date":"2020-01-20T18:55:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250599718.13\/warc\/CC-MAIN-20200120165335-20200120194335-00533.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998026371,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980263710021973}","num_words":874,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔa ɖe le amegbetɔwo ƒe nyawo me eye wotsɔa dzo ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Esi Mawu wɔ anyigbaa la, mawudɔlawo \"gli kple dzidzɔ, eye Mawu viwo katã do dzidzɔɣli.\" (Hiob 38:4, 7) Le ŋutinya katã me la, nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme ŋu la, \"me kpɔkpɔ tsitotsito\" dzroa mawudɔlawo.—1 Petro 1:11, 12.\nBiblia ɖee fia be Mawu zãa mawudɔlawo tsɔ kpɔa esubɔla vavãwo ta ɣeaɖewoɣi be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. (Psalmo 34:7) Le kpɔɖeŋu me:\nLe blema Babilon, esime wotso kufia na Hebri ɖekakpui etɔ̃ eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo bibi me la, Mawu \"dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖe eƒe subɔlawo.\"—Daniel 3:19-28.\nMAWUDƆLAWO KPE ÐE KRISTO HAME GBÃTƆA ŊU\nƔeaɖewoɣi ne ehiã be mawudɔlawo nade nu Kristo hame gbãtɔa ƒe nyawo me be Yehowa ƒe tameɖoɖo nava eme la, wowɔnɛ. Le kpɔɖeŋu me:\nMawudɔla aɖe ʋu gaxɔ aɖe ƒe ʋɔtruwo eye wòkplɔ apostoloawo do goe be woayi edzi aɖe gbeƒã le gbedoxɔa me.—Dɔwɔwɔwo 5:17-21.\nMawudɔla aɖe gblɔ na nya nyui gblɔla Filipo be wòayi gbedzimɔ si tso Yerusalem yi Gaza la dzi, eye wòaɖe gbeƒã na Etiopiatɔ aɖe si yi Yerusalem va subɔ.—Dɔwɔwɔwo 8:26-33.\nEsi ɣeyiɣia de be Mawu natia ame siwo menye Yudatɔwo o be woazu Kristotɔwo la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Roma-srafoha ƒe aʋafia Kornelio le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be wòadɔ ame woayɔ apostolo Petro ava eƒe me.—Dɔwɔwɔwo 10:3-5.\nEsi apostolo Petro nɔ gaxɔ me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòkplɔe do goe.—Dɔwɔwɔwo 12:1-11.\nALE SI MAWUDƆLAWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ\nKpeɖodzi aɖeke meli si fia be Mawu gazãa mawudɔlawo fifia tsɔ kpena ɖe amewo ŋu nukutɔe abe ale si wogblɔe le Biblia me ene o. Ke hã Yesu gblɔ tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\" (Mateo 24:14) Ènya be mawudɔlawoe le mɔ fiam Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ dɔ sia?\nNyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be mawudɔlawo anɔ kpekpem ɖe amewo ŋu vevie le anyigba bliboa dzi be woasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo na amegbetɔwo ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: \"Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe wòle dzodzom le yame, eye nya nyui mavɔ aɖe le esi wòagblɔ na ame siwo le anyigba dzi, kple dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi. Eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be: 'Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.'\" (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖo kpe edzi egbea be mawudɔlawo le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me katã la ŋu. Nyateƒeae nye be ne nu vɔ̃ wɔla ɖeka gɔ̃ hã trɔ dzi me eye wòtrɔ va Yehowa gbɔ la, \"mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ.\"—Luka 15:10.\nNu kae adzɔ ne wowu gbeƒãɖeɖedɔa nu? Ekema mawudɔla siwo le 'dziƒoʋakɔa' me akpe ɖe Yesu Kristo, fiawo dzi Fia la ŋu woawɔ 'Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋa' le Armagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14-16; 19:14-16) Ne Aƒetɔ Yesu va be yeabia \"hlɔ̃ ame siwo . . . meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o\" la, azã mawudɔla sesẽwo woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.—2 Tesalonikatɔwo 1:7, 8.\nEya ta ka ɖe edzi be mawudɔlawo tsɔa ɖe le eme na wò. Womelɔ̃a nu le ame siwo di be yewoasubɔ Mawu la gbɔ o, eye Yehowa zãa wo enuenu tsɔ doa ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi eye wòkpɔa wo ta.—Hebritɔwo 1:14.\nTiatia vevi aɖe dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe. Ðe míaɖo to nya nyui si wole gbeƒã ɖemee le xexea me katã eye míawɔ ɖe nu siwo míese la dzia? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò be ale si mawudɔla sesẽwo kpena ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe la naɖe vi na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/mawud%C9%94lawo-akpe-%C9%96e-%C5%8Buw%C3%B2\/","date":"2020-01-19T22:46:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250595282.35\/warc\/CC-MAIN-20200119205448-20200119233448-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974086285,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974086284637451}","num_words":637,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wonya Smita, * nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 35, si le Dhaka, Bangladesh la nyuie be ewɔa ame eye wòtsɔa ɖe le eme na amewo. Wonyae be enye srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ kple dzidzɔme si dina be yeafia nu si yenya tso Mawu ŋu la ame bubuwo. Bu ale si gbegbe Smita ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe dzi gbãe esi wòdze dɔ kpata eye mede kwasiɖa ɖeka o ko wòku ŋu kpɔ!\nJames kple srɔ̃a, siwo le woƒe ƒe 30-awo me hã nye ame siwo amewo buna ame ɖɔʋuwoe abe Smita ke ene. Gbe ɖeka le adame la, woyi wo xɔlɔ̃wo kpɔ ge ɖa le United States ƒe nuto si nye West Coast. Womegatrɔ gbɔ va woƒe aƒe me le New York gbeɖe o. Wokpɔ ʋufɔku dziŋɔ aɖe le mɔa dzi eye woƒe agbe tsi eme, si wɔe be woƒe ame veviwo kple woƒe dɔwɔhatiwo se le wo ɖokui me be nu gã aɖe bu na yewo.\nEgbea la, mehiã be ame natsa du hafi akpɔe be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe bɔ o. Wowua dumevi dzrowo kple asrafowo siaa le aʋawɔwɔ me. Hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ wɔe be amewo le kukum dzodzro. Ƒe ka kee ame ɖaxɔ o, afɔku dziŋɔwo kple dɔlémafɔewo ɖea fu na ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Dzɔdzɔmefɔkuwo tsrɔ̃a du blibowo keŋkeŋ. Fuléle ame le afi si wòtso ta kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi. Ðewohĩ nu siawo dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ.\nEya ta mewɔ nuku o be ame geɖe biana be:\nNu ka tae vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi?\nMawu gbɔe nu siawo tsona?\nÐe afɔkuwo dzɔna le wo ɖokui sia, alo amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔe wòtsona?\nÐe amewo kpea fu ɖe agbe si wonɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ta, abe ale si Karma dzi xɔselawo gblɔnɛ enea?\nNe Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe li la, ke nu ka tae mekpɔa ame nyuiwo ta be vɔ̃ nagadzɔ ɖe wo dzi o?\nÐe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe nu ava yi gbe aɖe gbea?\nHafi míate ŋu aɖo nyabiase mawo ŋu la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi eve siawo: Nu ka tae nya vɔ̃wo dzɔna ɖo, eye nu kae Mawu awɔ tso eŋu?\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140701\/nya-v%C9%94%CC%83wo-le-dz%C9%94dz%C9%94m\/","date":"2020-01-18T04:06:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250591763.20\/warc\/CC-MAIN-20200118023429-20200118051429-00048.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990477562,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990477561950684}","num_words":360,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 1 va se ɖe 28, 2018 la le tata sia me.\nBiblia me gɔmeɖose etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada nyawo kpɔ nyuie be wole eme hã?\nSrɔ̃ nu tso go etɔ̃ siwo me masɔ be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo le ale si wodzena le gotae nu o la ŋu.\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ nu tso nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi siwo su Maxim Danyleyko si le ƒe 68 siwo wòtsɔ wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu.\nKadodo kae le nunana dɔmenyotɔe kple dzidzɔkpɔkpɔ dome?\nMɔ atɔ̃ kawo nue míate ŋu awɔ dɔ kple Yehowa le?\nSrɔ̃ nu tso nu si mawumenɔnɔme si nye dzigbɔgbɔ blewu fia, ale si nàte ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia, kple viɖe siwo ado tso eme na wò la ŋu.\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nKuxi kawo dzie Fiaɖuƒegbeƒãɖela gbãtɔ siwo nɔ Portugal la ɖu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-august-2018\/","date":"2020-01-28T10:42:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251778168.77\/warc\/CC-MAIN-20200128091916-20200128121916-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979508519,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979508519172668}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ENYE dɔléle siwo bɔ wu la dometɔ ɖeka. Ke hã dɔ sia menya kpɔna dzea si le gɔmedzedzea me o. Dɔléle vɔ̃ɖi si nye aɖulãdɔ míewɔnɛ. Agbalẽ aɖe gblɔ be aɖulãdɔ nye numedɔléle siwo \"gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu vevie\" la dometɔ ɖeka. (International Dental Journal) Agbalẽ ma ke gblɔ kpee be numedɔlélewo gblẽa nu geɖe le \"ame ɖekaɖekawo kple amehaawo ŋu, wonana ame kpea fu hesea veve vevie, nuɖuɖu zua dɔ nɛ eye megasea vivi na agbea o.\" Numedzodzro tso dɔléle sia si ɖe kpe na ame geɖewo ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ aƒo asa nɛ.\nNya Vevi Aɖewo Tso Aɖulãdɔ Ŋuti\nAɖulãdɔ ƒe akpa vovovowoe li. Le gɔmedzedzea la, enana aɖulãwo alo nyèdewo tena. Ne aɖulãwo toa ʋu la, ate ŋu anye aɖulãdɔ ƒe dzesie. Esia tea ŋu dzɔna ne ame le nu me klɔm alo le aɖutɛ me ɖem, alo aɖulãwo ŋutɔ nanɔ anyi ko ato ʋu. Ne aɖudɔdalawo le aɖua dom kpɔ ko wòto ʋu la, efia be aɖulãdɔ ƒe gɔmedzedzee nye ema.\nNe aɖulãdɔ le tsitsim la, aɖuwo ƒe lãkusiwo kple aɖuŋuƒu siwo léa aɖuawo ɖe te la dome tea gbegblẽ. Aɖulãdɔ sia menana dzesi aɖeke o va se ɖe esime wòtsi nyuie. Ne aɖulãdɔ tsi va ɖo afi aɖe la, etea ŋu nana aɖulãwo tena ɖa le aɖuawo ŋu, aɖuawo gbɔdzɔna, eye wo dome kena, enana ame ƒe nu me ʋẽna, aɖulã alo nyèdewo nɔa nyinyim henana aɖuawo dzena abe ɖe wodidi ŋutɔ ene, eye aɖulãwo nɔa ʋu tom.\nNu Siwo Gbɔ Aɖulãdɔ Tsona Kple Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Ame Dzi\nNu geɖewo gbɔe aɖulãdɔ tsona. Aɖuawo tea ŋu ƒoa sogo alo ƒoa ba. Sogo alo aɖuŋuba, si nye nugbagbevi nyaŋuinyaŋui siwo léna ɖe aɖuwo ŋu edziedzi gbɔ koŋue dɔ sia tsona. Ne womeɖe sogoawo ɖa le aɖuawo ŋu o la, woate ŋu ana aɖulãawo nate. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aɖulãawo va nɔa tetem ɖa le aɖuawo ŋu si nana be mɔ va tsia aɖuawo kple aɖulãawo dome. Eye sogoawo va ɖoa wo dome. Ne sogoawo nya ɖo wo dome ko la, wotea lãkusiawo kple aɖuŋuƒuawo dome gbegblẽ. Eɖanye aɖuawo ŋue sogoawo le loo alo wo domee wole o, wotea ŋu va sesẽna ŋutɔ. Nugbagbevi nyaŋuinyaŋuiwo tsyɔa sogo sesẽ siawo hã dzi, eye esi wònye sogo siawo léna ɖe aɖuawo ŋu kpaɖii ta la, wo ɖeɖe le aɖuawo ŋu zua dɔ. Esia ate ŋu awɔe be nugbagbevi siawo nayi edzi agblẽ nu le aɖulãawo ŋu vevie.\nAɖulãdɔ tea ŋu tsoa nu bubuwo hã gbɔ. Nu siwo gbɔ wòtsona dometɔ aɖewo ate ŋu anye bemalémale na ame ƒe nu me, atike siwo tsia dɔlélenutsiŋutete ƒe dɔwɔwɔ nu, dɔlékuiwo, nuteɖeamedzi, suklidɔ (alo aɖuɖɔvividɔ) si ŋu womele ŋku lém ɖo o, aha tsu nono kple sigarɛtnono kpakple lãmetsiwo ƒe tɔtrɔ si fufɔfɔ hena vɛ.\nAɖulãdɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le go bubuwo hã me. Ate ŋu ana be nànɔ veve sẽm le nu me alo wò aɖuwo natu, si awɔe be màte ŋu aɖo aɖu nuɖuɖu dzi ahase vivi nɛ o. Ate ŋu agblẽ nu le wò nuƒoƒo kple wò mo ƒe dzedzeme hã ŋu. Numekuku ɖee fia hã be ne ame ƒe nu me le dedie la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ameti bliboa ƒe lãmesẽ dzi.\nDzesidede Dɔa Kple Edada\nAleke nàwɔ anya be aɖulãdɔ le ye ŋu? Ðewohĩ àkpɔ eƒe dzesi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la le ɖokuiwò ŋu. Ne èkpɔ dzesi siawo dometɔ aɖe la, ekema anyo be nàna aɖudɔdala bibi aɖe nalé ŋku ɖe wò aɖulãwo ŋu ahakpɔe ɖa be aɖulãdɔe hã.\nÐe woate ŋu ada aɖulãdɔa? Woate ŋu adae ne edze egɔme teti. Gake ne eva tsi la, nu si woate ŋu awɔ koe nye be woalé enu ale be magagblẽ aɖuŋuƒuwo kple eƒe lãkusiawo o. Aɖudɔdalawo zãa dɔwɔnu deŋgɔ siwo ate ŋu aɖe sogoawo kple nugbagbevi nyaŋuinyaŋui siwo le aɖua ƒe aɖulãwo ŋu kple esiwo le etome hã.\nNe ŋutete mele ŋuwò alo aɖudɔdala bibiwo mele miaƒe nutoa me akpɔ gbɔwò o hã la, nu vevitɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàƒo asa na dɔléle vɔ̃ɖi sia si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o. Beléle nyuie na wò nu me edziedzie ana nàƒo asa na aɖulãdɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201406\/a%C9%96ul%C3%A3d%C9%94\/","date":"2020-01-21T18:24:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604849.31\/warc\/CC-MAIN-20200121162615-20200121191615-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978500605,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978500604629517}","num_words":698,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèdze dɔ aɖe eye eteƒe medidi o wò lãme gasẽ kpɔa? Ðewohĩ èhaya kaba ale gbegbe be èŋlɔ ale si dɔa te ɖe dziwòe la be gɔ̃ hã. Gake ne ku dzɔ ɖe ame dzi la, eƒe nuxaxa nu meyina kaba nenema o. Agbalẽnyalagã Alan Wolfelt ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si ƒo nu tso ale si aho alo ahosi awɔ akpɔ akɔfafae ŋu me be: \"Nuxaxaa 'nu meyina' gbeɖe o.\" Gake egaŋlɔ hã be, \"Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye amewo le akɔ fam na wò la, màgava nɔ nu xam fũu akpa o.\"—Healing a Spouse's Grieving Heart.\nLe kpɔɖeŋu me, bu ale si blemafofo Abraham wɔ nui esime srɔ̃a ku ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be \"Abraham xa nu vevie eye wòfa Sara ŋutɔ.\" Nyagbɔgblɔ si nye \"xa nu vevie\" ɖee fia be exa nu eteƒe didi hafi wòva ka ɖe eme nɛ. * Kpɔɖeŋu bubue nye Yakob. Woblee wòxɔe se be lã wɔadã aɖe vuvu ye vi Yosef wòku. Eya ta efa konyi le via ƒe ku ta \"ŋkeke geɖe,\" eye viawo fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe. Ƒe geɖe megbe la, Yakob ganɔ via, Yosef, si ku la fam kokoko.—1 Mose 23:2; 37:34, 35; 42:36; 45:28.\nNenema kee wòle le ame siwo le woƒe ame malɔ̃nugbɔawo siwo ku fam egbea la hã gome. Bu kpɔɖeŋu eve siwo gbɔna ŋu kpɔ.\n\"Srɔ̃nye Robert ku le July 9, 2008, dzi. Gbe si gbe afɔkua dzɔ ƒe ŋdi me la, míedze ŋkekea gɔme abe ale si ko míewɔnɛ gbe sia gbe ene. Esi míeɖu ŋdinu vɔ eye wòle mɔ dze ge ayi dɔme la, míegbugbɔ nu na mía nɔewo, míekpla asi kɔ na mía nɔewo hegblɔ na mía nɔewo be 'melɔ̃ wò,' abe ale si ko míewɔnɛ ɖaa ene. Ƒe ade ye nye esi va yi, gake vevesesea gakpɔtɔ li. Nyemeka ɖe edzi be vevesese si Rob ƒe kua do nam la nu ava yi o.\"—Gail, si xɔ ƒe 60.\n\"Togbɔ be ƒe 18 aɖewoe nye esia srɔ̃nye lɔlɔ̃a ku hã la, megasusunɛ kokoko eye megaxaa nu le eƒe kua ta. Ɣesiaɣi si mekpɔ Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe si nya kpɔ ŋutɔ la, meɖoa ŋku edzi, eye megblɔna na ɖokuinye be ne ɖe wòle agbe le nu si kpɔm mele la kpɔm la, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ.\"—Etienne, si xɔ ƒe 84.\nEme kɔ ƒãa be vevesese kple nuxaxa ɣeyiɣi didi alea sɔ le dzɔdzɔme nu. Ame sia ame kple ale si wòxaa nui, eye masɔ be woaƒo nu atsi tre ɖe ale si ame aɖe wɔ nui esime afɔku dzɔ ɖe edzi la ŋu o. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be míanɔ fɔ bum mía ɖokui ne ewɔ na mí be míele nu xam akpa le kua ta o. Ke aleke míawɔ ado dzi ne ku dzɔ ɖe mía dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2016-may\/ale-si-amewo-xaa-nui\/","date":"2020-01-29T06:05:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251788528.85\/warc\/CC-MAIN-20200129041149-20200129071149-00355.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975907803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975907802581787}","num_words":451,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1949\nDUKƆ SI ME WÒTSO: AMERIKA\nAME SI WÒNYE TSÃ: ENƆ TAMEÐOÐO SI LE AGBE ŊU DIM\nNYE ŊUTINYA:\nAncram, si nye du sue aɖe le New York nutoa ƒe dziehe le Amerika ye menɔ tsi. Agbleta afi si wonyia nyiwo le koŋ lae wònye. Le nyateƒe me la, nyi siwo le dua me la sɔ gbɔ wu dua me tɔwo.\nNye ƒometɔwo dea sɔleme le sɔlemexɔ sue ɖeka pɛ si le dua me la me. Kwasiɖagbe ŋdi la, Tɔgbui tutua nye afɔkpawo ŋu nyuie, eye emegbe medzea mɔ kple Biblia ɣi sue si Mama nam la ɖoa ta Kwasiɖagbe mawunyasrɔ̃suku. Wofia dɔ sesẽ wɔwɔ, amebubu, kple kpekpeɖeŋunana aƒelikawo ƒe vevienyenye mía kple nɔvinyewo, eye be míanɔ akpe dam ɖe míaƒe yayrawo ta.\nEsi metsi la, meʋu le mía ƒeme, eye meva zu nufiala. Nya geɖewo nɔ asinye mebiana tso Mawu kple agbea ŋu. Nye sukuviwo dometɔ aɖewo ƒe tagbɔ kɔ ale gbegbe. Gake ɖewo ya ƒe susu meɖa o, eya ta ele be woasrɔ̃ nu veviedodotɔe. Wo dometɔ aɖewo nye nuwɔametɔwo, gake bubuwo ya le lãmesẽ nyui me. Mekpɔe be mesɔ kura be nuwo nanɔ alea o. Nya siwo sukuvi siwo nye nuwɔametɔwo dzilawo gblɔna ɣeaɖewoɣi la dometɔ ɖekae nye, \"Alea ye Mawu wɔ vinyea.\" Eya ta mebiaa ɖokuinye be nu ka tae Mawu ɖe mɔ be wodzi ɖevi aɖewo nuwɔametɔwoe ɖo. Vidzĩwo menya naneke o, eye womewɔ vɔ̃ aɖeke o ɖe.\nMebiana hã be, 'Nu ka koŋ tae wowɔm ɖo?' Mekpɔe be mele tsitsim eye ɣeyiɣiawo va le yiyim kabakaba. Ƒome nyui aɖe mee wodzim ɖo, mede suku xɔŋkɔwo, eye fifia mele dɔ si melɔ̃ vevie la wɔm. Gake nyemenya nu si koŋ matsɔ nye agbe susɔea awɔ o. Mekpɔe be nu si magate ŋu awɔ koe nye be maɖe srɔ̃, eye míatso aƒe nyui aɖe ahadzi viwo, mayi edzi anɔ dɔ wɔm va se ɖe esime maxɔ dzudzɔ le dɔme, eye mlɔeba mayi aɖatsi ametsitsiwo dzikpɔƒe. Gake mebiaa ɖokuinye be agbe katã koe nye esia mahã.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nNye kple hanyeti nufiala aɖewo míeyi mɔkeke le Europa le dzomeŋɔli aɖe. Míeyi ɖatsa le sɔlemexɔ gã xɔŋkɔ siwo nye Westminster Abbey, Notre-Dame de Paris, kple esi le Vatican kpakple sɔlemexɔ sue bubu geɖewo me. Afi sia afi si míeyi la, mebiaa nye nyaawo subɔsubɔhakplɔlawo. Esi metrɔ gbɔ va Sloatsburg, le New York la, meɖatsa le sɔlemeha geɖewo me. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo nye biabiawo ŋu wo me kɔ nam o.\nGbe ɖeka, sukuvi aɖe si xɔ ƒe 12 la te ɖe ŋunye hebia nya etɔ̃ aɖewom. Gbã, ebiam be, ɖe menya be Yehowa Ðasefoe yenye hã. Meɖo eŋu be ɛ̃. Evelia, ebiam be, ɖe madi be manya Yehowa Ðasefowo nyuie mahã. Megaɖo eŋu be ɛ̃. Etɔ̃lia, ebia be afi kae menɔna hã. Esi megblɔ afi si menɔna nɛ la, míekpɔe be nye aƒeme medidi tso woƒe ƒomea ƒe aƒe gbɔ kura o. Nyemenya kura be nyabiase etɔ̃ mawo siwo nyɔnuvi ma biam la ana nuwo natrɔ le nye agbe me tegbee o.\nEsia megbe kpuie la, edo eƒe gasɔ va nye aƒe me eye wòdze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Mebia nya siwo mebia subɔsubɔhakplɔla geɖewo lae. Gake nyɔnuvi sia ya to vovo, etsɔ woƒe ŋuɖoɖo fakɔname siwo me kɔ nyuie la fiam le nye ŋutɔ nye Biblia me\nNu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la do dzidzɔ nam ale gbegbe be nye dzi dze eme. Esi mexlẽ 1 Yohanes 5:19, si gblɔ be, \"Míenyae be Mawu me míetso, ke xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te\" la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Eye esi mesrɔ̃e be Satanae hea fukpekpe siwo katã teƒe kpɔm míele vɛ, ke menye Mawue o, eye be Mawu ava ɖe fukpekpewo katã ɖa la, ɖeko nye dzi dze eme bɔkɔɔ. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Meva kpɔe be ne woɖe Biblia me nyawo me wo me kɔ nyuie la, gɔmesese nɔa eŋu. Togbɔ be ƒe 12 pɛ koe Ðasefo si nɔ nua srɔ̃m kplim la xɔ hã la, megblɔ na ɖokuinye be nu si nye nyateƒe koa nyateƒee, eɖanye ame ka ke ƒe nu mee nèsee le o.\nTogbɔ be ele alea hã, medi be makpɔe ɖa be ɖe Ðasefowo ŋutɔwo wɔna ɖe nya siwo woɖea gbeƒãe la dzi mahã. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi suea tea gbe ɖe edzi be Kristotɔ vavãwo wɔa nu dzigbɔɖitɔe eye wonyoa dɔme. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eya ta meɖoe be mado eya ŋutɔ kpɔ be ɖe wòɖea nɔnɔme nyui mawo fiana mahã. Gbe ɖeka le míaƒe nusrɔ̃gbe la, meɖoe koŋ tsi megbe; nyemegbɔ ɖe game dzi o. Menɔ ɖokuinye biam be: 'Ðe wòanɔ lalayem be magbɔa? Eye ne elalam la, ɖe wòado dziku le esi metsi megbe ta?' Esi meva ɖo la, mekpɔe be ele lalayem le nye aƒea ƒe kpui nu. Eye wòsi du enumake va nye ʋua gbɔ hegblɔ nam be: \"Esusɔ vie ko metrɔ yi aƒe me be maɖagblɔ na danye be ehiã be míaƒo ka na kɔdziwo kple kpovitɔwo ahakpɔe ɖa be ɖe nane dzɔ ɖe dziwò hã, elabena mètsi megbe alea gbegbe le wò nusrɔ̃gbe kpɔ o. Eya ta menɔ nu xam!\"\nƔebubuɣi la, mebia nya aɖe si menya nyuie be asesẽ na ƒe-12-vi be wòaɖo eŋu. Gake ɖe medi be makpɔe ɖa be ɖe eya ŋutɔ asusu nya aɖe ko agblɔ hã. Esi mebia nyaae la, ekpɔ nye ŋkume dũu eye wògblɔ be: \"Nya si nèbia la sesẽ ŋutɔ. Maŋlɔe ɖi ale be maɖabia dzinyelawo.\" Eye esi wòtrɔ va le míaƒe nusrɔ̃gbe si kplɔe ɖo la, etsɔ Gbetakpɔxɔ magazine aɖe si me nye nyabiasea ƒe ŋuɖoɖo le la ɖe asi vɛ. Esia na meva lɔ̃ Ðasefowo, elabena mekpɔa nye nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖo siwo tso Biblia me la le woƒe agbalẽwo me. Mía kple nyɔnuvi sue ma míeyi nusɔsrɔ̃a dzi, eye ƒe ɖeka megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. *\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nEsi meke ɖe nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖo siwo fa akɔ nam ŋu azɔ la, nye hã medi be magblɔe na ame bubuwo. (Mateo 12:35) Gbã la, nye ƒometɔwo mekpɔ dzidzɔ ɖe nye dzixɔse yeyea ŋu o. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova trɔ woƒe nɔnɔme hewɔa nu ɖe ŋunye nyuie. Esi wòsusɔ vie danye naku la, eva dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Togbɔ be mete ŋu xɔ nyɔnyrɔ hafi ku o hã, meka ɖe edzi be etso nya me be yeasubɔ Yehowa.\nLe ƒe 1978 me la, meɖe Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Elias Kazan. Eye le ƒe 1981 me la, wokpe mía kple Elias be míava zu United States (Amerika) Betel-ƒomea me tɔwo. * Nublanuitɔe la, esi míesubɔ le afi ma ƒe ene pɛ ko megbe la, Elias ku. Togbɔ be mezu ahosi hã, meyi nye subɔsubɔdɔa dzi le Betel, esia na nye susu nɔ nu ɖeka ŋu eye mekpɔ akɔfafa geɖe.\nLe ƒe 2006 me la, meɖe Richard Eldred, si hã nye Betel-ƒomea me tɔ. Nye kple Richard míeyi edzi le subɔsubɔm le Betel; subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Esi meva nya nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu mlɔeba la, mekpɔe be menye ɖeko meke ɖe nye nyabiaseawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu ko evɔ o, ke meva nya tameɖoɖo si le agbea ŋu hã\n^ mm. 16 Le wo katã me la, nyɔnuvi sia kple nɔviawo kpe ɖe woƒe nufiala atɔ̃ ŋu wosrɔ̃ Biblia eye wova le Yehowa subɔm.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150401\/nyabiase-et%C9%94%CC%83-na-nuwo-tr%C9%94-le-nye-agbe-me\/","date":"2020-01-20T20:57:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250599789.45\/warc\/CC-MAIN-20200120195035-20200120224035-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994931221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994931221008301}","num_words":1193,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mabel le Argentina nye nyɔnu aɖe si doa vevie nu le agbe me eye wòkpena ɖe dɔnɔ siwo gbɔ tso kɔdzi ŋu wodea kame be woƒe lãme nasẽ nyuie. Le ƒe 2007 me la, ɖeɖi va nɔ eŋu tem vevie eye ta ɖunɛ kutɔkutɔe gbe sia gbe. Egblɔ be: \"Meyi ɖɔkta geɖewo gbɔ eye atike kae li womewɔ nam o, gake gbeɖea koe.\" Mlɔeba wova wɔ dodokpɔ si nye MRI na Mabel, eye wokpɔe be nu te ahɔhɔ̃ me nɛ. Egblɔ be: \"Dzidzi ƒom! Nyemete ŋu xɔe se be futɔ sia le ŋunye metsɔ le yiyimee o.\n\"Ke hã nyemenya ale si gbegbe nye agbe ɖo afɔku mee o va se ɖe esime wowɔ dɔ nam hafi. Esi menyɔ tso alɔ̃ me le dɔwɔwɔ nam vɔ megbe la, nyemegate ŋu le ʋaʋãm o. Xɔdzisasrã koe mete ŋu le kpɔkpɔm. Kasia ko, nye ŋutɔ pɛ nyemegate ŋu le naneke wɔm o. Metɔtɔ le ŋkeke siwo metsɔ nɔ kɔ ma dzi la me ŋutɔ, eye dɔdalawo ƒe dɔwɔnuwo, toklãnamɔ̃wo kple dɔnɔ bubuwo ƒe ŋeŋe koe menɔa sesem. Ne ɖe mate ŋu atu nye vevesesea kple fukpekpea ɖe ya me la adzɔ dzi nam ŋutɔ.\n\"Egbea, nye lãmea ka ɖe eme vie. Metea ŋu zɔna le ɖokuinye si, eye nye ɖeka metea ŋu dona ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gake menɔa nu kpɔm eveve, eye nye lãkusiwo mewɔa dɔ nyuie o.\"\nTENƆNƆ ÐE LÃMEGBEGBLẼ NU\nWò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu. Biblia gblɔ le Lododowo 17:22 be: \"Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.\" Mabel gblɔ be: \"Esi menɔ kame dem be nye lãme nasẽ la, nye hã meto nu siwo gbegbe me dɔnɔ siwo ŋu mekpena ɖo la tona ke me. Kamedefefeawo nana mesea veve vevie, eye ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be madzudzɔ. Medzea agbagba vevie ɖea susu ma ɖa, elabena menyae be nye kutrikukua ahe viɖe vɛ nam mlɔeba ta.\"\nKpɔ mɔ na nu nyuiwo be nàte ŋu ado dzi. Mabel gblɔ be: \"Mekpɔ nu si tae nya vɔ̃wo dzɔna ɖo la le Biblia me. Eye menyae hã be ŋkeke sia ŋkeke si va yina la, míele tetem ɖe ɣeyiɣi si me vevesesewo katã nu ayi tegbee la ŋu.\" *\nDe dzesii be Mawu tsɔ ɖe le eme na wò. (1 Petro 5:7) Mabel gblɔ ale si esia nyanya kpe ɖe eŋui la ale: \"Esi wokplɔm yi amekoƒe la, mekpɔ ŋugbe si Mawu do le Yesaya 41:10 ƒe nyateƒenyenye dze sii, egblɔ le afi ma be: 'Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.' Nye dzi dzea eme ale gbegbe elabe menyae be Yehowa Mawu tsɔa ɖe le nu si me tom mele la me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201407\/nya-v%C9%94%CC%83-l%C3%A3megbegbl%E1%BA%BD\/","date":"2020-01-26T18:36:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251690095.81\/warc\/CC-MAIN-20200126165718-20200126195718-00211.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987319112,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987319111824036}","num_words":428,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nÐe menye nu gbegblẽ wònye Yakob wɔ esime wògblɔ be yee nye Esau, abe ale si woŋlɔe ɖe Mose I, 27:18, 19 ene, oa?\nÐewohĩ ènya ŋutinya sia nyuie. Le Isak ƒe amegãkuku me la, edɔ via Esau be wòayi gbe me aɖawu lã aɖe aɖa na ye, hegblɔ be: \"Ne maɖu, be mayra wò hafi aku!\" Esi Rebeka se nya si srɔ̃a gblɔ la, eɖa nu nyui aɖe, eye wòɖo aɖaŋu na Yakob be: \"Natsɔe ayi na fofowò, ne wòaɖu, eye wòayra wò hafi aku.\" Eya ta Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa, esime Esau ƒe awuwo nɔ eŋu, eye gbɔ̃ ƒe agbalẽ siwo ŋu fu le la hã nɔ eƒe asiwo kple eƒe kɔ ŋu. Esi Isak biae be, \"Vinye, wò amekae?\" la, Yakob ɖo eŋu be: \"Nye enye Esau, wò ŋgɔgbevi.\" Isak xɔ edzi se, eye wòyrae.—Mose I, 27:1-29.\nBiblia meɖe nu sia nu me ku ɖe susu si tae Rebeka kple Yakob wowɔ nu nenema ɖo ŋu o, gake ena míenya be nɔnɔme kpata aɖee wònye do mo ɖa. Gake anyo be míade dzesii be esi Mawu ƒe Nyaa megblɔ be nu si Rebeka kple Yakob wowɔ la nyo loo, alo gblẽ o ta la, nuŋlɔɖi sia mede aʋatsokaka kple ameflunuwɔwɔ dzi o. Ke hã, Biblia na nyatakaka bubuwo ku ɖe nu si dzɔ ŋu.\nGbã la, nuŋlɔɖia na eme kɔ be Yakob ye dze axɔ fofoa ƒe yayra, ke menye Esau o. Elabena Yakob ƒle ŋgɔgbevinyenyea le nɔvia vetsua si le se nu do ŋgɔ esime wòdzrae nɛ ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ta, esime dɔ nɔ ewum vevie. Esau \"do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye.\" (Mose I, 25:29-34) Eya ta esi Yakob yi fofoa gbɔ la, yayra si wòdze axɔ dimee wònɔ.\nEvelia, esi Isak va de dzesii be Yakob ye yeyra la, medze agbagba be yeatrɔe o. Ðewohĩ anya ɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Rebeka hafi wòdzi venɔviawo la dzi be: \"Tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!\" (Mose I, 25:23) Anyo be míade dzesii hã be esime Yakob sɔ gbe hena ʋuʋu yi ɖe Haran la, Isak gagblɔ yayranya geɖewo kpe esiwo wòtsɔ yrae gbã.—Mose I, 28:1-4.\nEye mlɔeba, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu siwo katã nɔ dzɔdzɔm eye wòtsɔ ɖe le wo me. Yayranya siwo Isak gblɔ la do ƒome kple ��ugbe si Mawu do na Abraham. (Mose I, 12:2, 3) Ne ɖee Mawu medi be Yakob naxɔ yayraa o la, anye ne eto mɔ aɖe dzi de nu nyaa me. Ðe esia teƒe la, ɖe Yehowa ɖo kpe yayra siawo dzi boŋ esime wògblɔ na Yakob be: \"Woayra anyigba dzi dukɔwo katã le mia kple wò dzidzimeviwo me.\"—Mose I, 28:10-15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071001\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-02-25T19:40:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146127.10\/warc\/CC-MAIN-20200225172036-20200225202036-00165.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992677569,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992677569389343}","num_words":435,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea?\nFukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o. Nu ka tae?\nBiblia ɖe nu siwo nana be amegbetɔwo kpea fu la fia.\nÐe wonye tohehe tso Mawu gbɔa? Ðe Mawu kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋua?\nAme geɖe dina be yewoanya nu si tae Mawu lɔ̃ame te ŋu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ma gbegbe ŋu. Nya ma ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me!\nAgbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yeahe ŋutifafa vɛ la medze edzi o. Kpɔ susu siwo tae la ɖa.\nTenɔnɔ Ðe Fukpekpe Nu\nKpɔ nu etɔ̃ siwo Mawu wɔna na mí dɔmenyotɔe tsɔ kpena ɖe mía ŋu míeɖua blanuiléle dzi ɖa.\nƐ̃! Xlẽ nu tso afɔ etɔ̃ siwo nàɖe be nànɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-fukpekpe-%C5%8Bu\/","date":"2020-05-26T09:57:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00222.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970313907,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970313906669617}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae Yesu awɔ na mí le etsɔme?\nLe ƒe 33 Mía Ŋɔli me la, Yesu ku, emegbe wofɔe ɖe tsitre, eye wòyi dziƒo. Ƒe geɖe megbe la, wona ŋusẽe wòzu Fia. (Daniel 7:13, 14) Le etsɔme la, Yesu awɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ atsɔ ahe ŋutifafa ava xexea me eye wòaɖe ahedada ɖa.\nYesu, Fia la, aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ\nYesu awɔ nu nyui geɖe na mí ne eva le ameƒomea dzi ɖum. Awɔ ŋusẽ si Fofoa nɛ la ŋu dɔ atsɔ ana ameƒomea nade blibo. Míase vivi na agbe le anyigba dzi, eye míagatsi aku amegã alo aku o.\nNu ka wɔmee Yesu le fifia?\nYesu le mɔ fiam eyomedzela vavãwo le xexea me katã le gbeƒãɖeɖedɔa me. Woyia amewo gbɔ ɖagblɔa nu si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la na wo. Yesu gblɔ be yeayi edzi ado alɔ dɔ si wɔm yeƒe nusrɔ̃lawo le la va se ɖe esime Mawu nava ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa.\nYesu le mɔ fiam amewo to Kristo hame vavã la dzi be woanɔ agbe si nyo wu fifia. Ayi edzi anɔ mɔ fiam wo ale be woatsi agbe le fifi nuɖoanyia tsrɔ̃ɣi ahayi ɖe xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140401\/nu-kae-yesu-aw%C9%94\/","date":"2020-06-02T00:06:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347419639.53\/warc\/CC-MAIN-20200601211310-20200602001310-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993393421,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993393421173096}","num_words":205,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 19, 2014\nXEXEA ME ƑE NYADZƆDZƆWO\nGuy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ le woƒe Dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York la ku le Braɖa, March 18 dzi le eƒe ƒe 79 lia xɔxɔ me.\nAƒetɔ Pierce gblẽ srɔ̃a Penny, via dzidzi ade, tɔgbuiyɔviwo kple tɔgbuitɔgbuiyɔvi geɖewo ɖe megbe. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo siwo wòbuna be wonye yeƒe ƒometɔwo la hã ɖoa ŋku edzi vevie.\nEhati Dɔdzikpɔha me tɔ bubuwo gblɔ tso eŋu be: \"Ŋkuɖoɖo eƒe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ dzi ayi edzi anɔ ŋusẽ dom mí hena ƒe geɖe.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/guy-pierce-ku-20140319\/","date":"2020-05-31T17:08:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413551.52\/warc\/CC-MAIN-20200531151414-20200531181414-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975357652,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997535765171051}","num_words":107,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Wo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi. Mawudɔla siwo le dziƒo la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu ame vɔ̃ɖiwo. Wogblẽ woƒe nɔƒe si le dziƒo la ɖi heva anyigba dzi. Ènya susu si tae wova anyigba dzi ɖoa? Be woatrɔ azu amegbetɔwo ne woaɖe nyɔnuwo.\nMawudɔlaawo kple nyɔnuawo dzi vi. Ðevi siawo tsi va zu ame sesẽ siwo sẽa ŋuta. Wowɔa nu vevi amewo. Yehowa mate ŋu aɖe mɔ nu mawo nanɔ edzi yim o. Eya ta edi be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo.\nGake ŋutsu aɖe ya li si to vovo. Elɔ̃ Yehowa. Eŋkɔe nye Noa. Srɔ̃ ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ esi, woawoe nye Sem, Ham kple Yafet eye srɔ̃ nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe ale be eya kple eƒe ƒomea nanɔ eme atsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Aɖakaʋu nye nugo gã aɖe si ate ŋu anɔ tsi dzi. Yehowa gagblɔ na Noa be wòakplɔ lã geɖe ayi aɖakaʋu la me be woawo hã natsi agbe.\nEnumake, Noa dze aɖakaʋu la kpakpa gɔme. Noa kple eƒe ƒomea tsɔ ƒe abe 50 ene kpa aɖakaʋu la. Wokpa aɖakaʋu la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa gblɔ na wo be woawɔe ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, Noa xlɔ̃ nu amewo tso Tsiɖɔɖɔa ŋu. Gake ame aɖeke meɖo toe o.\nMlɔeba ɣeyiɣia de be woayi aɖakaʋu la me. Na míakpɔ nu si va dzɔ ɖa.\n\"Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.\"—Mateo 24:37","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/2\/noa-kple-a%C9%96aka%CA%8Bu-la\/","date":"2020-06-06T15:12:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348513321.91\/warc\/CC-MAIN-20200606124655-20200606154655-00364.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992174506,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992174506187439}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Ester Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Ester ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Ester Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Ester Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012397\/univ\/art\/502012397_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/ester\/","date":"2020-05-30T06:10:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407289.35\/warc\/CC-MAIN-20200530040743-20200530070743-00364.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976226091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976226091384888}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nLiberia\nChristian Congregation of Jehovah's Witnesses of Liberia\nPO Box 10-0380\n1000 MONROVIA 10\nLIBERIA\n+231 886-513-408\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/liberia\/","date":"2020-06-05T13:49:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348500712.83\/warc\/CC-MAIN-20200605111910-20200605141910-00200.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993095398,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993095397949219}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yudatɔwo trɔ le Yehowa yome enuenu eye wosubɔ alakpamawuwo. Yehowa yi edzi kpe ɖe wo ŋu ƒe geɖe. Edɔ nyagblɔɖila geɖe ɖa be woaxlɔ̃ nu wo, gake wogbe toɖoɖo. Ke boŋ woko nyagblɔɖilaawo. Mɔ ka dzie Yehowa to tsi woƒe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo nu?\nBabilon-fia Nebukadnezar nɔ dukɔwo xɔm ɖekaɖeka. Zi gbãtɔ si wòva dze Yerusalem dzi la, elé Fia Yehoyakin, amegãwo, aʋawɔlawo kple aɖaŋudɔwɔlawo, eye wòkplɔ wo yi Babilon. Elɔ kesinɔnu siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔa me hã dzoe. Emegbe Nebukadnezar ɖo Zedekiya Yuda-fiae.\nGbã la, Zedekiya ɖo to Nebukadnezar. Gake dukɔ siwo te ɖe wo ŋu kple aʋatsonyagblɔɖilawo ɖo aɖaŋu na Zedekiya be wòadze aglã ɖe Babilon ŋu. Yeremiya xlɔ̃ nui be: 'Ne èdze aglã la, woawu Yudatɔwo, dɔ awu wo, eye woalé dɔ.'\nEsi Zedekiya ɖu fia ƒe enyi la, eɖoe be yeadze aglã ɖe Babilon ŋu. Ebia tso Egipte-srafowo si be woakpe ɖe ye ŋu. Nebukadnezar dɔ eƒe aʋawɔlawo ɖa be woadze Yerusalem dzi, eye woyi ɖaɖe to ɖe dua. Yeremiya gblɔ na Zedekiya be: 'Yehowa be ne èna ta Babilontɔwo la, wò ŋutɔ kple du bliboa miatsi agbe. Gake ne mèna ta oa, Babilontɔwo atɔ dzo Yerusalem eye woalé wò ade gaxɔ me.' Zedekiya gblɔ be: 'Nyemana ta o!'\nƑe ɖeka kple afã megbe la, Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawo gbã Yerusalem glia ge ɖe dua me eye wotɔ dzoe. Wotɔ dzo gbedoxɔa, wu ame gbogbo aɖewo eye wokplɔ ame akpe geɖe dzoe.\nZedekiya si le Yerusalem dua me, gake Babilontɔwo kplɔe ɖo. Wova lée esi wòsusɔ vie wòaɖo Yeriko eye wokplɔe vɛ na Nebukadnezar. Babilon-fia na wowu Zedekiya viŋutsuwo le eya ŋutɔ ŋkume. Eyome Nebukadnezar gbã ŋku na Zedekiya, dee gaxɔ me, eye wòku ɖe afi ma emegbe. Gake Yehowa do ŋugbe na Yudatɔwo be: 'Le ƒe 70 megbe la, makplɔ mi va mia de Yerusalem.'\nKe nu kae adzɔ ɖe ɖevi siwo woɖe aboyoe yi Babilon la dzi? Ðe woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowaa?\n\"Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe hele dzɔdzɔe.\"—Nyaɖeɖefia 16:7","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/wotsr%C9%94%CC%83-yerusalem\/","date":"2020-05-31T14:11:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413406.70\/warc\/CC-MAIN-20200531120339-20200531150339-00472.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992222786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992222785949707}","num_words":327,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Talk:Yehowa Ðasefowo\nWoŋlɔ nusiawo abe ɖe wole Yehowa Ðasefowo dzi dem ene. Ade mía dzi ne woateŋu agbugbɔ aŋlɔ nya siawo be wòaɖe woƒe subɔsubɔ gɔme na mí. (It would be helpful to rewrite this article so that it is balanced and not a proclamation of what Jehovah's Witnesses believe in. This is an encyclopedia not an advertising outlet.--Natsubee 16:08, 25 Afɔfiɛ 2008 (UTC)","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Talk:Yehowa_%C3%90asefowo","date":"2020-06-03T23:08:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347436466.95\/warc\/CC-MAIN-20200603210112-20200604000112-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9909812212,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9909812211990356}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.082,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.984,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nTurkey\nYehova'nın Şahitlerini Destekleme Derneği\nPO Box 37\nKartal\n34870 ISTANBUL\nTURKEY\n+90 216-504-46-36\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 minti 30 va se ɖe ɣetrɔ ga 5 miniti 30","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/turkey\/","date":"2020-05-27T00:13:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347391923.3\/warc\/CC-MAIN-20200526222359-20200527012359-00302.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996562004,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996562004089355}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ecuador\nLe ƒe 2007 me la, Ecuador-dziɖuɖua ɖe gbeƒã ɖoɖo siwo wowɔ be woakpɔ Amazon ƒe blemave si le teƒe siwo keke hedidi kilometa 10,000 la ta le esi teƒe be woaku mɔ̃memi le teƒe mawo. Ðoɖo mawo mete ŋu tsɔ afɔ o elabena dutadukɔwo mena gakpekpeɖeŋu be woatsɔ akpɔ aveawo ta o. Amazon ƒe ave dodo sia nye teƒe siwo nu gbagbe vovovowo sɔ gbɔ ɖo wu le xexea me la dometɔ ɖeka.\nJapan\nNyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Japan News) gblɔ be ne ɖɔktawo do ʋu kpɔ la, esesẽna ŋutɔ be woakpɔ dɔlékui siwo katã le ʋua me. Do ŋgɔ na nyatakaka sia la, wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me be le ƒe 2013 me la ŋutsu aɖe si xɔ 60 kple edzivɔwo xɔ ɖikanakudɔ (HIV) esi wodo ʋu nɛ. Ne woɖe ame aɖe si ŋu dɔléle sia le ƒe ʋu la, exɔa ɣeyiɣi aɖe hafi dɔlékuia va dzena le ʋua me ne wodoe kpɔ.\nZimbabwe\nTogbɔ be aʋa si Zimbabwe-srafowo wɔ kple aglãdzelawo le nuto siwo me dukɔa do liƒo kple Mozambique me la wu enu ƒe 30 kple edzivɔe nye esia hã la, tomebɔmb siwo woɖi la gakpɔtɔ le amewo wum alo nana wozua nuwɔametɔwo. Kpekpeɖeŋunaha si woyɔna be Dukɔwo Dome Atitsoga Dzĩ Kɔmiti ka nya ta be: \"Tso ƒe 1980 me la, tomebɔmb wu ame 1,500 kple lã 120,000 kple edzivɔ, eye tomebɔmb siwo le Zimbabwe-dukɔa ƒe liƒowo dzi na ame 2,000 zu nuwɔametɔwo.\"\nAustralia\nNyatakakawo ɖee fia be atsu kple asi siwo klã ɖa tso wo nɔewo gbɔ la dometɔ geɖe va le nya ʋlim ku ɖe wo dometɔ si gbɔ woƒe aƒemelã siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o anɔ la ŋu. Aƒe, ga kple nunɔamesiwo nye nu gbãtɔ si woʋlina, eye esi gakplɔ esiawo ɖoe nye aƒemelãwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201411\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2020-05-29T20:37:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347406365.40\/warc\/CC-MAIN-20200529183529-20200529213529-00506.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995162487,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995162487030029}","num_words":281,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae woyɔ blema dugã Niniwe be \"hlɔ̃dodu\" ɖo?\nNiniwe nye Asiria Fiaɖuƒea ƒe fiadu. Enye du sesẽ si me fiasã kple gbedoxɔ gã dzeaniwo kpakple mɔ gãwo kple gli kɔkɔ nyadriwo nɔ. Hebri nyagblɔɖila Naxum yɔe be \"hlɔ̃dodu.\"\nŊkɔ ma sɔ nɛ ŋutɔ, elabena kpetata siwo ŋu woke ɖo le Sanxerib ƒe fiasã me le Niniwe la ɖo kpe edzi be Asiriatɔwo sẽa ŋuta ŋutɔ. Aboyome aɖe si wobla te ɖe anyigba eye fufiala aɖe le aɖe hom le nu me nɛ la hã ƒe kpetata le afi ma. Adegbeƒonya siwo woɖe ɖe kpe dzi la fia be wotsia ka si nu ga gɔdɔ̃e le la ɖe aboyomewo ƒe ŋɔtiwo alo nuyiwo ŋu tsɔ kplɔa woe. Wotsia aboyomeawo ƒe fiawo ƒe tawo ɖe ka ŋu tsɔ dea kɔ na amegã siwo woɖe aboyoe la abe kɔgɛ dziŋɔ aɖe ene.\nBlema Asiriatɔwo ŋuti nunyala Archibald Henry Sayce gblɔ tso ale si gbegbe wosẽa ŋuta le du si dzi woɖu la me tɔwo ŋui ale: \"Wolia kɔ ametawo ɖi gleglegle ɖe ablɔ si me aʋadziɖulaa ato la dzi; wotɔa dzo ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo agbagbee alo gblẽa wo ɖi be woava wɔ nu siwo dzi ŋɔ wu la ɖe wo ŋu; woklãa ŋutsuwo ɖe ati ŋu, woɖea ŋutigbalẽ le wo ŋu agbagbee, wogbãa ŋku na wo, alo lãa woƒe asiwo kple afɔwo kpakple woƒe towo kple ŋɔtiwo.\"\nTaɖodzinu ka tae Yudatɔwo tɔa kpɔ ɖe woƒe xɔwo ta ɖo?\nMawu de se na Yudatɔwo be: \"Ne ètu xɔ yeye la, ekema tɔ kpɔ ɖe xɔ la ta, bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.\" (5 Mose 22:8) Kpɔtɔtɔ ɖe xɔta nye ametakpɔnu vevi aɖe, elabena le Biblia ŋlɔɣiwo la, Yudatɔwo ƒe ƒomewo wɔa nu geɖewo le woƒe xɔwo ta.\nIsrael vi geɖewo ƒe xɔwo tame nɔa gbadzaa. Xɔta nye teƒe si sɔ nyuie na ame siwo adi be yewoaƒu ŋdɔ, axɔ ya, alo awɔ aƒemedɔ aɖewo. Xɔtamɔmlɔ le dzomeŋɔli sɔ nyuie na ame geɖe. (1 Samuel 9:26) Agbledelawo siaa nukuwo ɖe xɔta hafi tua wo alo wosiaa gbotsetsewo kple waintsetsewo ɖe afi ma.—Yosua 2:6.\nWowɔ xɔta ŋu dɔ le tadedeagu vavãtɔ kple trɔ̃subɔsubɔ siaa me. (Nexemiya 8:16-18; Yeremiya 19:13) Apostolo Petro yi xɔta ŋdɔ ga wuieve lɔƒo ɖado gbe ɖa. (Dɔwɔwɔwo 10:9-16) Ne wona wainkawo alo deʋayawo do vɔvɔli ɖe xɔa ta la, ke afi ma nɔnɔ adze ame ŋu ŋutɔ.\nAgbalẽ aɖe gblɔ be, le Israel viwo ƒe aƒewo me la, atrakpui alo atsrɔe nɔa anyi woliana yia xɔta; atrakpuia \"nɔa xɔa ŋu le aƒea me.\" (The Land and the Book) Eya ta ame aɖe ate ŋu aɖi le eƒe xɔta gake mage ɖe xɔa me o. Nya sia ate ŋu ana míakpɔ ale si gbegbe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be woasi le du si tsrɔ̃ ge woala me la dzi wɔwɔ hiã kpatae esi wògblɔ be: 'Ame si le xɔ ta la nagaɖi be yeatsɔ nuwo le yeƒe xɔ me o.'","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130401\/niniwe-kp%C9%94t%C9%94t%C9%94-%C9%96e-x%C9%94ta\/","date":"2020-06-02T22:01:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347426801.75\/warc\/CC-MAIN-20200602193431-20200602223431-00560.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979847074,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979847073554993}","num_words":480,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ August 2013 | Ðe Afɔku Le Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Mea?\nÐe afɔku le gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ mea? Aleke woawɔ adzudzɔ gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu kae gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo ŋu?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nXlẽ nu tso ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuŋububu be wòadze Mawu ŋu la ŋu.\nOUR READERS ASK\nÐe wòle be míaƒo nya ta be ame siwo ƒe ŋkɔ Biblia meyɔ o la nye ame baɖawo alo ame siwo mele bo aɖeke nu oa?\nDRAW CLOSE TO GOD\nÈxɔ Mawu dzi sea? Ðe nàte ŋu atɔ asi nu siwo ɖee fia be eli ŋutɔŋutɔ la dzia?\nIMITATE THEIR FAITH\nAleke Noa kple eƒe ƒomea wɔ tsi agbe le ɣeyiɣi sia si do blukɔ wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me la me?\nNu ka tae gbedodoɖa aɖewo medzea Mawu ŋu o? Nu kae míawɔ be Mawu naɖo to mí?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nEhiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖe ame le haa me, eye esia tea ŋu kpena ɖe amea ŋu wòtrɔna vaa haa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130801\/","date":"2020-05-30T09:59:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407667.28\/warc\/CC-MAIN-20200530071741-20200530101741-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945277572,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9945277571678162}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ ɖevi sue ma le nɔnɔmetataa me ɖa. Edze abe wogblẽe ɖi eye wòle vɔvɔ̃m ene. Nenemae? Ðe wòwɔ na wò nenema kpɔa?— Ewɔna na mí katã nenema ɣeaɖewoɣi. Biblia ƒo nu tso Yehowa xɔlɔ̃ aɖewo siwo wòwɔ na be wogblẽ yewo ɖeɖe ɖi eye vɔvɔ̃ ɖo wo la ŋu. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Eliya. Na míasrɔ̃ nu tso eŋu.\nEliya nɔ anyi le Israel gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi wova dzi Yesu. Israel-fia Axab gbe be yemasubɔ Mawu vavã Yehowa o. Axab kple srɔ̃a Izebel nɔ alakpamawu Baal subɔm. Eya ta Israel-vi gbogbo aɖewo hã va nɔ Baal subɔm. Fianyɔnu Izebel ɖoe koŋ be yeawu Eliya kple ame siwo katã subɔa Yehowa. Ènya nu si Eliya wɔa?—\nEliya si dzo! Eyi teƒe didi aɖe le gbedadaƒo eye wòva be ɖe agado aɖe me. Nu ka tae Eliya va be ɖe afi ma?— Nyateƒee, enɔ vɔvɔ̃m. Gake mele be Eliya navɔ̃ hafi o. Nu ka tae? Elabena enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Yehowa na Eliya kpɔ ale si gbegbe ŋusẽ le esi la va yi. Gbe ɖeka la, Yehowa na dzo ge tso dziƒo esi Eliya do gbe ɖa nɛ. Eya ta Yehowa agate ŋu akpe ɖe Eliya ŋu fifia hã!\nEsi Eliya nɔ agadoa me la, Yehowa biae be: 'Nu ka wɔm nèle le afi sia?' Eliya ɖo eŋu be: 'Nye ɖeka koe gakpɔtɔ le subɔwòm. Nye ɖeka koe tsi anyi, eye mele vɔvɔ̃m be woawum.' Eliya susu be wowu Yehowa subɔla susɔeawo katã. Gake Yehowa gblɔ na Eliya be: 'Gbeɖe, menye nyateƒee o. Ame 7,000 li siwo gale subɔyem. Mègavɔ̃ o. Dɔ geɖe li nàwɔ nam!' Èsusu be nya sia do dzidzɔ na Eliya?—\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Eliya dzi la me?— Mele be wòawɔ na wò be wogblẽ ye ɖeka ɖi eye vɔvɔ̃ naɖo wò o. Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ wò eye wolɔ̃ Yehowa hã le asiwò. Gakpe ɖe eŋu la, ŋusẽ gã aɖe le Yehowa si, eya ta akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi! Ðe dzi medzɔ wò be womegblẽ wò ɖi kura oa?—","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/ew%C9%94na-eliya-be-wogbl%E1%BA%BD-ye-%C9%96i-eye-v%C9%94v%C9%94%CC%83-%C9%96oe\/","date":"2020-05-30T15:48:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347409337.38\/warc\/CC-MAIN-20200530133926-20200530163926-00014.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977357984,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977357983589172}","num_words":344,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2001 Ðe Nàte Ŋu Ana Xexeame Nanyo Wua? Nusi Ahe Xexe si me Dzidzɔ Le Vɛ Agbetsidzidzi Tsa Le Andes Amekae Ama Mí Atso Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Gbɔ? Na Dzi Si Dzea Yehowa Ŋu Nasu Asiwò Dzɔ Wò Dzi Ŋu Míewɔa Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe! Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011015\/","date":"2020-07-11T11:32:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655929376.49\/warc\/CC-MAIN-20200711095334-20200711125334-00333.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9936954379,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9936954379081726}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lododowo ta 31 lia ƒo nu tso gbedeasi vevi aɖe si tso Fia Lemuel dada gbɔ nɛ la ŋu. Aɖaŋu nyui si dadaa ɖo nɛ la kpe ɖe eŋu wòkpɔ nu si ŋu wòalé ŋku ɖo ne ele srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ dim.\nWoate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu\nEdoa susu ɖa ne eya kple srɔ̃a wole nya me tsom na ƒomea eye wòbɔbɔa eɖokui\nSrɔ̃a ɖoa ŋu ɖe eŋu hafi tsoa nya me, eye metea tɔ ɖe edzi be ele be ye srɔ̃ nabia yeƒe susu le nu sia nu ŋu kokoko o\nEwɔa dɔ sesẽ\nEléa be na ga eye wònɔa agbe tsɛ ale be eƒe ƒomea nate ŋu akpɔ nudodo siwo sɔ nyuie, eye woakpɔ nu aɖu wòasu wo\nEwɔa dɔ sesẽ tsɔ kpɔa eƒe aƒe dzi zã kple keli\nEnye gbɔgbɔmeme\nEvɔ̃a Mawu eye wòdzea agbagba be ƒomedodo nanɔ ye kple Mawu dome","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov7-13\/biblia-%C9%96%C9%94-sr%C9%94%CC%83ny%C9%94nu-zaz%C9%9B%CC%83\/","date":"2020-07-12T01:24:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657129257.81\/warc\/CC-MAIN-20200711224142-20200712014142-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957812428,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957812428474426}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Yehowa ɖo eteƒe na trɔ̃subɔdukɔ aɖe ɖe dɔ si wòwɔ taa, ɖe makpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si esubɔla wɔnuteƒewo wɔna ŋu oa!\nNU SI BABILONTƆWO WƆ\nWoɖe to ɖe Tiro\nNYE NUWƆNAWO\nGbɔgbɔmeʋa ka wɔmee mele?\nNU SIWO BABILONTƆWO TSƆ SA VƆE\nWoɖe to ɖe Tiro ƒe 13 sɔŋ\nBabilontɔwo ƒe asrafowo kpe fu geɖe\nWomexe fe aɖeke na Babilontɔwo o\nNU SIWO METSƆ SA VƆE\nNu kawoe metsɔ sa vɔe na Yehowa le subɔsubɔdɔa me?\nYEHOWA ÐO ETEƑE NA BABILONTƆWO\nYehowa tsɔ Egipte na wo abe aboyonu ene\nNU SIWO YEHOWA TSƆ ÐO ETEƑE NAM\nMɔ kawo nue Yehowa ɖo eteƒe nam le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug7-13\/yehowa-%C9%96o-ete%C6%92e-tr%C9%94%CC%83sub%C9%94duk%C9%94-babilon\/","date":"2020-07-12T01:38:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657129257.81\/warc\/CC-MAIN-20200711224142-20200712014142-00293.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9943528175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9943528175354004}","num_words":104,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.135,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dr. Kwaku Addeah, Nuŋlɔla na Dɔwɔha aɖe si le tade na nuto yeye (Oti Nuto) ɖeɖeɖa tso Amuga Nutoa me, si yɔm wole be, Joint Consultative Committee of Oti Movement, JCC of Oti Movement, kpuie koa, trɔ megbe.\nNyatakaka si ɖo votaonlinegh.com gbɔa, ɖee fia be, Kwasiɖa, ƒe dziŋu atɔ̃a ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbee nya vɔ sia dzɔ le Korle Bu Dɔyɔƒe gã me le Gɛ̃.\nNuŋlɔɖi aɖe yi JCC dɔwɔha ƒe akametsiwo, si Krachi nutome fiagã, Nana Mprah Busenuno II le zime na, he ɖe goa, ɖo kpe edzi be, Dr. Addeah yi tɔgbeawo gbɔ.\n\"Miele JCC dɔwɔha ƒe zimenɔla kple dɔwɔha-menɔlawo katã teƒe he nyanya nam fiawo kple dumevi siwo le Oti Region si ƒe boblo dom miele mea, be Wɔla yɔ mía fo kple mía xɔ̃, Dr. Kwaku Addeah be wòava dzudzɔ le ye gbɔ.\nEsi ku nya sia tu dɔwɔha-menɔlawo la, enumake wowɔ takpekpe kpata aɖe heɖoe be yewoado afɔ na ameyinugbea ƒe ƒometɔwo ahafa kplewo.\nKe ameyinugbea ƒe ƒometɔwo xɔ ɖe edzi na dɔwɔha ƒe amedɔdɔawo be vavae, woƒe senyala kple nyanuɖela wɔnuteƒea trɔ megbe.\nGbedasia de dzesie hã be ƒomea ɖe mɔ be JCC dɔwɔha ƒe amedɔdɔ eve nanɔ kuɖoɖowɔlawo domi hena ɖoɖo tɔxɛ wɔwɔ ɖe eɖoɖo ɖe tɔgbeawo gbɔ ŋuti.\nDr. Addeah le eƒe agbenɔɣia ku kutri geɖe hena Oti nutoa ɖeɖeɖa tso Volta Nutoa me ŋuti kple susu be dumevi siwo le akpa mawoa, ŋgɔyiyidɔwo nnaɖowogbɔ.\nEƒe dzixɔsee nye be, woŋlɔ Volta Nutome ƒe gbegadzi kpa be le ŋgɔyiyidɔwo dede tomea me eyata, ehia vevie be yewoaυli be akpa ma nama ɖa ahanɔ eɖokui si abe nutome ene hena ŋgɔyigbeyidɔwo ƒe vava.\nEdziedzi nenye be Dr. Addeah do ɖe nugɔmekuha na nutowo memama gbɔ hena nya aɖewo me ɖeɖea, etea gbe ɖe edzi be, nukpɔkpleŋku geɖewo li si ɖo kpe JCC dɔwɔha ƒe yɔyɔ dzi be elena nuto yeye, Oti Nutoa be woava eme godo.\nLe eƒe nukpɔkpɔ nua, British yevuwo ƒe ɖoɖo aɖe si tsi tre ɖe ŋgɔyiyidɔ wɔwɔ ɖe Ghana dukɔa ƒe dziehe kpawo dzi ŋua, kpɔtɔ gale tome kokoko si na be, dzogbe nuto etɔawoa, le nɔnɔme si me wole fifia alebe nenem ɖoɖo mae ɖe tsi de yewo hã le Amuga Nutoa ƒe dziehe ha eyatae yewo le avu wɔm ɖo be eŋu nayi.\nKu ɖe nutowo memama ƒe nya nua, Dukplɔla Nana Akufo-Addo ɖo ame-asiekɛ nugɔmekuha aɖe si υɔnudrɔla, Justice Brobbey le zime na, anyi koŋ be wòade ŋku dumevi siwo na agbalē dziɖuɖua hewɔ yɔyɔ mawoa, ƒe nyawo me tsitotsito ahakpɔ ɖa nenye edze be woama nutoawo me loo alo medze o.\nEŋlɔla:Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/14\/%C9%96%C9%94kta-addeah-ameyi-nye-oti-region-x%C9%94x%C9%94-%C6%92e-ng%C9%94gbedea-tr%C9%94-megbe\/","date":"2020-07-07T06:46:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655891654.18\/warc\/CC-MAIN-20200707044954-20200707074954-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989040494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989040493965149}","num_words":428,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fukpekpe\nÐe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe tetekpɔwo kple vevesesewo mea?\nÐe Mawu tsɔa dɔlélewo alo afɔkuwo hea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta?\nSɔhɛ aɖewo gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu.\nXlẽ ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo eye wova haya tso nuwɔna sia ƒe fuɖename si me la ŋutɔ ƒe numegbewo.\nLe fu si amewo kpena ta la, ame aɖewo biana ne Mawu li. Srɔ̃ nu tso ale si Mawu sea veve ne míele fu kpem la ŋu le eƒe Nya la me\nAleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee, eye nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe kpɔtɔ li? Ðe fukpekpe nu ayi gbe aɖe gbea?\nAme geɖe biana be nu ka tae fuléle kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea hã. Biblia ana nàkpɔ ŋuɖoɖo vavã siwo afa akɔ na wò.\nAme geɖe dina be yewoanya nu si tae Mawu lɔ̃ame te ŋu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ma gbegbe ŋu. Nya ma ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me!\nMawu do ŋugbe be yeaɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa. Aleke wòle ewɔ gee, eye ɣekaɣie wòawɔe?\nAme Vevi Aɖe Ƒe Ku\nAleke ame awɔ ado dzi ne ku dzɔ ɖe edzi? Eye ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li na míaƒe ame vevi siwo kua?\nRonaldo ƒe ƒometɔ atɔ̃ ku le ʋufɔku aɖe me ƒe 16 aɖewoe nye esi va yi. Togbɔ be egasena le eɖokui me kokoko be nu vevi aɖe bu na ye hã la, eƒe susu me dze akɔ anyi.\nAme geɖe te ŋu nɔ te ɖe woƒe nuxaxa nu esi wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ʋɛ siawo dzi.\nBu aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ne wò ame vevi aɖe ku la ŋu kpɔ.\nAme dzila ƒe ku vena ale gbegbe. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe seselelãmekuxi vovovo siwo kplɔnɛ ɖo nu?\nAleke Biblia kpe ɖe sɔhɛ etɔ̃ aɖewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe ƒometɔ aɖe ƒe ku nu?\nMɔ ene siwo dzi nàto akpe ɖe viwò ŋu be vɔvɔ̃ magaɖoe agbɔ eme o ne miaƒe ame vevi aɖe ku.\nBiblia na kpeɖodzi sẽŋu eve siwo tae míate ŋu aka ɖe tsitretsitsia dzi.\nNɔnɔme ka mee ame kukuwo le? Ðe míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?\nBibliae nye agbalẽ nyuitɔ si akpe ɖe ame siwo le nu xam la ŋu.\nAfɔkuwo\nAɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu axɔ wò ŋutɔ kple ame bubuwo ɖe agbe.\nBiblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le afɔku megbe.\nÐe wonye tohehe tso Mawu gbɔa? Ðe Mawu kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butifafa-dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/ten%C9%94n%C9%94-%C9%96e-nya-v%C9%94%CC%83wo-nu\/","date":"2020-07-02T10:57:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655878639.9\/warc\/CC-MAIN-20200702080623-20200702110623-00017.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963598251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963598251342773}","num_words":445,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Noa viŋutsuawo kple wo srɔ̃wo dzi vi geɖe. Woƒe ƒomewo va dzi ɖe edzi eye wokaka ɖe anyigba la ƒe teƒe vovovowo abe ale si Yehowa gblɔe na wo ene.\nGake ameawo dometɔ aɖewo meɖo to Yehowa o. Wogblɔ be: 'Mina míatso du anɔ eme le afi sia. Eye míatu xɔ kɔkɔ aɖe si ƒe tame atɔ dziƒo, ale be míaxɔ ŋkɔ.'\nYehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm ame mawo nɔ la ŋu o, eya ta edi be yeana woadzudzɔ. Ènya nu si wòwɔa? Ena wodze gbegbɔgblɔ vovovowo dodo gɔme zi ɖeka. Esi womegale wo nɔewo ƒe gbegbɔgblɔwo gɔme sem o ta la, wodzudzɔ xɔa tutu. Wova yɔ du si tsom wonɔ la be Babel, si gɔmee nye \"Tɔtɔ.\" Ameawo ʋu tso afi ma yi anyigba ƒe teƒe vovovowo. Ke hã woyi edzi wɔ nu vɔ̃ɖiwo le teƒe siwo katã woyi. Ðe ame aɖewo li siwo galɔ̃ Yehowa kokokoa? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ta si kplɔe ɖo me.\n\"Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.\"—Luka 18:14","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/3\/x%C9%94-k%C9%94k%C9%94-babel\/","date":"2020-07-13T22:01:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657146845.98\/warc\/CC-MAIN-20200713194203-20200713224203-00252.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991201758,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991201758384705}","num_words":185,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ANNA * gblɔ be: \"Ne nane te ɖe dzinye melé blanui vie la, naneke wɔwɔ medzroam o, nyemedina be mawɔ nu siwo melɔ̃a wɔwɔ zi geɖe la gɔ̃ hã o. Alɔ̃ koe medina be madɔ. Ewɔna nam be womelɔ̃m o, nyemeɖi naneke o eye mezu agba na amewo.\"\nJulia hã gblɔ be: \"Mebui kpɔ be mawu ɖokuinye. Evɔ menye ɖe medi be maku ŋutɔŋutɔ o. Ðeko medi be ale si menɔ sesem le ɖokuinye me la nu natso. Metsɔa ɖe le eme na amewo ŋutɔ, gake ne melé blanui la, nyemegatsɔa ɖeke le eme na ame aɖeke loo alo na naneke o.\"\nÐeko Anna kple Julia ɖo woƒe sɔhɛ me teti koe nye ma blanuiléledɔ ɖe fu na wo zi gbãtɔ. Togbɔ be sɔhɛwo tea ŋu léa blanui vie ɣeaɖewoɣi hã, Anna kple Julia ƒe blanuilélea ya xɔ kwasiɖa aɖewo alo ɣleti aɖewo gɔ̃ hã. Anna gblɔ be: \"Ðeko wòle abe nàxaxa ɖe do globoo doviviti aɖe si me màte ŋu ado le o me ene. Awɔ na wò abe ɖe wò tagbɔ le gbegblẽm eye mègale ame me o ene.\"\nMenye Anna kple Julia koe kuxi sia ɖea fu na o. Sɔhɛ geɖewo va le blanuiléledɔ lém fifia ŋutɔ, eya ta Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be, \"blanuiléle koŋ gbɔe wòtsona be ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo xɔ tso ƒe 10 va se ɖe 19 la ƒe lãme gblẽna, wogbɔdzɔna eye woƒe susu mewɔa dɔ nyuie o.\"\nBlanuiléledɔ ƒe dzesi siwo ate ŋu adze le ɖevi si le sɔhɛ me ɖom ŋu ƒe ɖewoe nye alɔ̃dɔdɔ fũu, alɔ̃madɔmadɔ nyuie, nuɖuɖu fũu akpa, numaɖumaɖu nyuie kple lolo alo kuɖiɖi. Bubuwo hã ate ŋu anye dzodzodzoetsitsi, mɔkpɔkpɔbuɖeame, nuxaxa kple sese le ame ɖokui me be yemeɖi naneke o. Ðewo hãe nye ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga, susu ƒe nu ŋu manɔmanɔ alo nuŋlɔbe, ame ɖokui wuwu ƒe susuwo alo nuwɔna kple nɔnɔme siwo ŋu ɖɔktawo menya nu tsoe o. Dzesi aɖewo siwo dzena le ame ŋu hena kwasiɖawo eye wonana ame ƒe gbe sia gbe nuwɔna trɔna dzie tagbɔdɔdalawo nɔa te ɖo ƒoa nya ta be blanuiléledɔe le fu ɖem na ame.\nNU SIWO GBƆ SƆHƐWO ƑE BLANUILÉLEDƆ ATE ŊU ATSO\nXexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be: \"Nu siwo me ame to, nu siwo dome wònyi kple nu siwo ŋu wòbuna gbɔe blanuiléledɔ tsona.\" Esiawo dometɔ aɖewoe nye:\nƑome si me ame tso, atike muamewo zazã. Abe ale si wòle le Julia gome ene la, blanuiléledɔ le ƒome aɖewo me si wɔnɛ be zi geɖe la, ƒome mawo me tɔwo tea ŋu léa dɔa. Nu bubu siwo hã gbɔ dɔa tsonae nye dzidɔ alo ʋukamedɔléle aɖewo siwo nana lãmetsi aɖewo mewɔa dɔ nyuie o kple atikemuamewo zazã ɣeyiɣi didi hã ate ŋu ana dɔa nanyra. *\nNuteɖeamedzi. Megblẽ naneke ne nu te ɖe sɔhɛ aɖe dzi vie o, gake ne nu te ɖe edzi ɣeyiɣi didi alo vevie la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe ametia kple susua ŋu, esia wɔnɛ be ɣeaɖewoɣia sɔhɛ siwo le seselelãmekuxiwo me tom xoxo, alo esiwo blanuiléledɔ le ƒome na la nalé dɔa. Togbɔ be ele alea hãa, ame aɖeke menya nu si gbɔ tututu blanuiléledɔ tsona o, ɖewohĩ nu geɖewo gbɔe wòtsona abe ale si míegblɔe va yi ene.\nNu siwo nana nu tena ɖe ame dzi wòléa blanui ate ŋu anye ame dzilawo ƒe wo nɔewo gbegbe alo kaklã ɖa, ame vevi ƒe ku, ameƒoƒo alo ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, afɔku sesẽ aɖe dzedze, dɔléle alo ne ɖevi aɖe menyaa nu o, eye vevietɔ ne ɖevia sena le eɖokui me be wometsɔa ɖeke le eme na ye o. Nu bubu hã ate ŋu anye ne dzilawo kpɔa mɔ be wo vi aɖe nawɔ nu siwo gbɔ eƒe ŋutete ŋu, ɖewohĩ le eƒe agbalẽsrɔ̃nyawo me. Ðewo hãe nye ne wowɔa ŋlɔmi le ame ŋu, ne ame tsi dzi ɖe etsɔme ŋu kple ame dzila si le blanuiléledɔ lém la ƒe nuwɔwɔ ɖe ame ŋu tramatrama. Ne ɖevi aɖe lé blanui le nu siawo dometɔ aɖe ta la, nu kae ate ŋu akpe ɖe eŋu?\nLÉ BE NA WÒ AMETIA KPLE WÒ SUSU\nWotea ŋu tsɔa atike aɖewo siwo tagbɔdɔléleŋutinunyalawo nana kple woƒe aɖaŋuɖoɖowo léa blanuiléledɔ si nu sẽ la nu. * Yesu Kristo gblɔ be: \"Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, negbe ame siwo le dɔ lém ko.\" (Marko 2:17) Eya ta dɔléle ate ŋu aɖe fu na míaƒe ametia ƒe akpa sia akpa, ate ŋu aɖe fu na míaƒe susu hã! Anyo hã be míaɖe asi le agbe aɖewo siwo míenɔna tsã la ŋu le esi susua kple ametiae wɔa dɔ aduadu ta.\nNe èle blanuiléledɔ lém la, dze agbagba nànɔ nu siwo ana wò susu nawɔ dɔ nyuie eye nànɔ lãmesẽ me la wɔm. Le kpɔɖeŋu me, ɖu nu siwo me amenyinu le, dɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie eye nànɔ kame dem edziedzi. Kamedede nana lãmetsi siwo nana dzi dzɔa ame dzana ɖe lãme na ame, enana ŋusẽ ɖoa ame ŋu eye wònana wodɔa alɔ̃ nyuie. Ne anya wɔ la, dze agbagba nàde dzesi nu siwo hoa dɔ sia na wò eye nàwɔ nu siwo nàtsɔ alé enu la ŋuti ɖoɖo ɖi. Gblɔ wò dɔlélea ŋu nya na ame aɖe si dzi nèka ɖo. Wò ƒomea me tɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe alɔdodo wò ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe dɔlélea nu eye ɖewohĩ ana wòaka ɖe eme na wò gɔ̃ hã. Ŋlɔ nu siwo vaa susu me na wò kple wò seselelãmewo ɖe agbalẽ aɖe me—nu siae kpe ɖe Julia si ƒe nya míegblɔ va yi la ŋu. Vevietɔ wu la, kpɔ egbɔ be wò kple Mawu dome le nyuie. Esia ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nasu asiwò le agbe me geɖe wu. Yesu Kristo gblɔ be: \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.\"—Mateo 5:3.\nAnna kple Julia siaa ɖo kpe Yesu ƒe nya mawo dzi. Anna gblɔ be: \"Dɔ siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu wɔwɔ nana nye susu nɔa ame bubuwo hã ŋu ke menye nye kuxiwo ɖeɖe ko ŋu o. Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o gake ne mewɔea enana mekpɔa dzidzɔ.\" Gbedodoɖa kple Biblia xexlẽ ye faa akɔ na Julia. Egblɔ be: \"Nye dzimenyawo gbɔgblɔ na Mawu le gbedodoɖa me nana meɖea dzi ɖi. Biblia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be mexɔ asi le Mawu ŋkume eye be eléa be nam. Biblia xexlẽ na kakaɖedzi su asinye ɖe etsɔme ŋu.\"\nEsi Yehowa Mawue wɔ mí ta la, ese ale si hehe si míexɔ, míaƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo kple nu siwo dome míenyi kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple seselelãme dzii la gɔme bliboe. Eya ta etea ŋu naa kpekpeɖeŋu kple akɔfafa si míehiã la mí ɣeaɖewoɣi to mía havi amegbetɔ siwo sea veve ɖe ame nu hesea nu gɔme na ame dzi. Azɔ hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna si Mawu ada míaƒe dɔlélewo katã na mí. Yesaya 33:24 gblɔ be: \"Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, 'Mele dɔ lém o.'\"\nƐ̃, Biblia do ŋugbe be Mawu \"atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.\" (Nyaɖeɖefia 21:4) Nya sia faa akɔ henaa kakaɖedzi ame lo! Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔ ŋu la, ekema míeɖe kuku yi jw.org nyatakakadzraɖoƒea. Àkpɔ Biblia nyui aɖe kple nyati gbogbo siwo ƒo nu tso nu vovovo siwo dome blanuiléledɔ hã le la ŋu le afi ma.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/s%C9%94h%C9%9Bwo-%C6%92e-blanuil%C3%A9led%C9%94-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2020-08-11T10:54:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00099.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981199503,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981199502944946}","num_words":1217,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbeƒãɖeɖe le Saba ƒe Togbɛwo Dzi\nNETHERLANDTƆWO ƒe ƒukpo si nye Saba nye afisi adzoblasuwo nɔna hafi va daa adzo le Carib-ƒua dzi tsã. Egbea, ƒukpo sue sia si didi tso Puerto Rico ƒe ɣedzeƒekpa dzi kilometa 240 la nye afisi ame 1,600 siwo dometɔ 5 nye Yehowa Ðasefowo le. Gake subɔla dovevienu siawo le nusi xɔ asi boo wu adzo nuwo la dim. Wole amesiwo 'dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ' dim vevie.—Dɔwɔwɔwo 13:48.\nMawufiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ɖo ƒukpoa dzi zi gbãtɔ le June 22, 1952 dzi, esime Yehowa Ðasefo ƒe meli aɖe si didi meta 18 si woyɔna be Sibia, la va dze ɖe Saba ƒuta. (Mateo 24:14) Dutanyanyuigblɔla Gust Maki kple Stanley Carter lia to zɔ mɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃e aɖe si woyɔna be The Ladder si dzi kpe siwo wu 500 le, siwo dzi woɖoa afɔe hafi yia Saba ƒe fiadu The Bottom me. * Mɔ lɛ ma dzi koe wotona ɖoa ƒukpoa dzi nɔlawo gbɔ tsã hena ƒe alafa geɖe.\nAkɔntabubu gbãtɔ si wona ku ɖe Kristotɔwo ƒe ɖaseɖiɖidɔa ŋu le Saba dze le 1966 Yearbook of Jehovah's Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah) me. Le nyatakaka ma nu la, Ðasefo ɖeka koe nɔ ƒukpoa dzi. Gake emegbe ƒome aɖe si tso Canada zã ƒe geɖe tsɔ ɖe gbeƒã nyanyuiae le afima. Nyitsɔ laa la, Russel kple Kathy, srɔ̃tɔ tsitsi aɖe siwo tso United States la yi Saba va ɖe gbeƒã le afima. Mina míase nya si wogblɔ tso woƒe afima yiyi ŋuti.\nSaba Yiyi\nMía kple srɔ̃nye míeɖo yameʋu va dze Ronald, si nye Ðasefo ɖeka kolia si nɔ ƒukpoa dzi tso ƒe 1990-awo me la gbɔ. Ronald va kpe mí le yameʋudzeƒea. Dzi dzɔe ɖe detsiƒonu siwo le aɖaka sue aɖe me si míetsɔ nɛ ŋu, elabena ame aɖeke medea agble dzrana eme nuwo le ƒukpoa dzi o. Míezɔ blewu to mɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃e aɖe si le Scenery-to si nye dzoto tsã ŋu va ɖo etame.\nMíetɔ ɖe Hell's Gate kɔƒea me, esime Ronald yi vae kpɔ ʋuƒo aɖe si le ablɔ me dzi ɖa be Kwasiɖagbe ƒe nuƒoa ƒe amekpegbalẽvia gale edzi hã. Dzi dzɔ mí be enɔ edzi. Etrɔ va ʋua me eye míeyi toa lialia dzi va ɖo Windwardside, ƒukpoa ƒe kɔƒe gãtɔ, me. Abe alesi ŋkɔa fia le Eŋlisigbe ene la, kɔƒe dzeani sia le ƒukpoa ƒe akpa si ya ƒona le wu, le to si kɔkɔ meta 400 dzi. Esi míeku ʋu yina Ron ƒe aƒeme la, míekpɔ ʋuƒo nyui aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata le eƒe aƒea ƒe xɔxɔnu.\nLe ŋdɔnuɖuɣi la, mebia nya ku ɖe nusi míese si ta míeyi afima ɖo ŋu, be: \"Aleke nèwɔ va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela le Saba?\"\nRon gblɔ be: \"Esi wowu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe tutu nu le Puerto Rico le ƒe 1993 me la, mía kple srɔ̃nye míedi be míakpɔtɔ ayi dɔwɔwɔ dzi le duta. Do ŋgɔ la, mía kple mɔɖela atsu kple asi aɖe míeyi Saba eye míekpɔe be Ðasefo aɖeke mele ame 1,400 siwo le afima la dome o. Eyata míegblɔ míaƒe ʋuʋu va afisia ŋu nya na Puerto Rico Alɔdzekɔmitia.\n\"Nuwo zɔ nyuie, eye mlɔeba la, wolɔ̃ ɖe edzi be míaʋu ava afisia. Nublanuitɔe le ƒe eve megbe la, srɔ̃nye dze dɔ vevie eye míetrɔ yi California. Metrɔ va Saba le srɔ̃nye ƒe ku megbe. Èkpɔea, nyemedi be madze nane gɔme evɔ wòatsi akpo dzi o.\"\nTso Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Wɔwɔ le Saba\nRon ƒe xɔ si me wòle si tsi ƒe alafa ɖeka la kee ganye Fiaɖuƒe Akpataa. * Esi míeɖu ŋdinu henɔ dzadzram ɖo na gbeadzi yiyi la, tsi dza heƒo ya va dzodoƒea. Togbɔ be xexeame mekɔ tututu o hã la, esi míeɖu ŋdinua vɔ la míedze ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔ gɔme le The Bottom dua me. Le aƒe sia aƒe me la, Ron yɔa aƒeatɔ ŋkɔ doa gbe nɛ. Míeƒoa nu tso nane si dzɔ le nutoa me eteƒe medidi o ŋu. Ame akpa gãtɔ nya nu tso Ron kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu, eyata ame geɖe xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo bɔbɔe.\nNe mènya kɔƒea me tɔwo nyuie o la, asesẽ na wò be nàwɔ nuŋlɔɖi tso amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me ŋu. Nukatae? Ron gblɔ be: \"Elabena dua me se bia be woasi aŋɔ ɖeka tɔgbe na xɔawo katã.\" Mekpɔ be nyateƒee, elabena esi melé ŋku ɖe xɔ siwo katã le Saba ŋu la, mekpɔ be wole ɣie eye wogba wo kple xɔgbanu dzẽ.\nNe míewu Biblia me dzeɖoɖo nu kple aƒemenɔla aɖe la, míekpenɛ be wòadze agbagba ava se dutoƒonuƒo si wotu ɖe Biblia dzi si woaƒo le Fiaɖuƒe Akpataa me le Kwasiɖagbe la. Ne Ron mezɔ mɔ o la, eƒoa dutoƒonuƒo kwasiɖa sia kwasiɖa le ƒukpoa dzi. Wole Biblia-nusɔsrɔ̃ 17 wɔm le Saba fifia. Ame 20 ye va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 2004 me. Togbɔ be adze abe ɖe ame xexlẽme ma mesɔ gbɔ o ene hã la, efia be le ƒukpoa dzi nɔla alafa ɖesiaɖe me la, ame ɖeka va!\nLe nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo kua kutri ɖesiaɖe be yewoatsɔ Mawu ƒe xɔxɔgbedasia ayi na ame geɖe alesinu yewoate ŋui. Eɖanye le ƒukpo sue abe Saba ene dzi alo le anyigbagã aɖe dzi o, Yehowa Ðasefowo wɔa sedede si nye be 'woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo' la dzi nuteƒewɔwɔtɔe.—Mateo 28:19.\nEve mí vie ya, gake ɖeko wòle be míaƒe sasrãkpɔa nava nuwuwu. Esi míele yameʋua me ɖom la, míegblɔ na Ron be wòanɔ anyi sesĩe. Míaɖo ŋku míaƒe Saba yiyi kple ɣeyiɣi si míezã tsɔ lia to yi The Bottom du la me dzi ɖaa!\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Edze abe ƒudzidzodalawoe yɔe be The Bottom (Agunu) ene elabena wosusui be ele dzoto aɖe ƒe agunu.\n^ mm. 12 Le September 28, 2003 dzi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso Florida, U.S.A., yi Saba va dzra xɔ aɖe si te ɖe afima ŋu ɖo wòzu Fiaɖuƒe Akpata fifia.\n[Anyigbatata siwo le axa 10]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nPUERTO RICO\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]\nFoto: www.sabatourism.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050215\/Gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-le-Saba-%C6%92e-Togb%C9%9Bwo-Dzi\/","date":"2020-08-10T23:08:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738699.68\/warc\/CC-MAIN-20200810205824-20200810235824-00517.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993655086,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999365508556366}","num_words":972,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Ƒo nu dzonɔamemetɔe nàtsɔ aʋã wò nyaselawo woaɖe afɔ.\nALE SI NÀWƆE:\nNa nyaa nawɔ dɔ ɖe wò dzi dzi. Ne èle wò nuƒoa alo dɔdeasia dzram ɖo la, de ŋugble le ale si gbegbe gbedeasia le vevie la ŋu nyuie. Dze agbagba nàse nyati si me dzro ge nàla la gɔme nyuie ale be nàte ŋu aƒo nu tso dzi me.\nBu wò nyaselawo ŋu. De ŋugble le viɖe si nyaselawo akpɔ tso nu si nàxlẽ alo nu si nàfia wo me la ŋu. Bu mɔ siwo nu nàgblɔ nyaawo le be wò nyaselawo nakpɔ woƒe vevienyenye adze sii nyuie wu la ŋu.\nDe agbe wò nuƒoa me. Ƒo nu dzonɔamemetɔe. Na wò asiwɔwɔ ɖe nya dzi le dzɔdzɔme nu kple ale si nàɖo moe naɖe wò seselelãmewo afia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/11-dzon%C9%94ameme\/","date":"2020-08-09T09:22:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738523.63\/warc\/CC-MAIN-20200809073133-20200809103133-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998721838,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987218379974365}","num_words":133,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nutsotso aɖe si ɖo voltaonlinegh.com gbɔ tso Sogakɔƒea hiɖe go be, ɖekakpui aɖe si kpovitɔwo zidzi ɖe woɖokuiwo gbɔ ɖe alesi wobu nazã ɖe eŋu be, enye adzodala ɖe eƒe agbe ɖa to kadeve me.\nƉekakpuia si woɖe ŋkɔ nabe William Gbedze Tovor, amesi le eƒe ƒe blaeve vɔ adrẽlia mea, kpovitɔwo zidzi ɖe woɖokuiwo gbɔ he kplɔm υɔnu yimee le Sogakɔƒe nutoame ɖe adzodada ƒe nyavovo siwo wotsɔ ɖe eŋua ta.\nKe Kuɖagbe si woɖo hena υɔnu yiyi kpli akẽa, ƒe fɔfɔmɛe wotsɔ eƒe avɔtsɔtsɔ deka ve na eɖokui.\nKpovitɔwo ɖeme be gamenɔla siwo hã nɔ xɔme kplia woe kɔ todzi na kpovitɔwo le ga atɔ̃ kple afã me godzi kuɖe eƒe afɔɖeɖea ŋuti. Ebe enumakea, yewo yi ɖa ɖi le avɔme hetsɔe yiɖe Sogakɔƒe Comboni dɔyɔƒea me afimae wona yewo nya le be etrɔmegbe, ke woda eƒe ŋutilã ɖe kpeƒaƒa dzi hena edodokpɔ.\nEmekɔ be Afɔfiɛe kpovitɔwo ƒe asidze ɖekakpui sia dzi ɖe alesi wovae ɖo tu ame etɔ̃ aɖewo dzi le Kudzekɔƒe hedadzo woa ŋuti ta.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/24\/%C9%96ekakpui-a%C9%96e-si-wobui-be-enye-adzodala-%C9%96e-e%C6%92e-agbe-%C9%96a\/","date":"2020-08-09T09:36:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738523.63\/warc\/CC-MAIN-20200809073133-20200809103133-00375.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991005659,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991005659103394}","num_words":172,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Ƒo nu le dzɔdzɔme nu le anukwareɖiɖi me wòaɖe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me le nyatia kpakple wò nyaselawo ŋu afia.\nALE SI NÀWƆE:\nDo gbe ɖa eye nàdzra ɖo ɖe dɔa ŋu nyuie. Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ wò gbedeasia ŋu, ke menye ɖokuiwò ŋu o. Na nya vevi siwo ŋu wòle be nàƒo nu tsoe la nanɔ susu me na wò nyuie. Zã wò ŋutɔ wò nyagbewo nàtsɔ aɖe nyawo me; mègagblɔ nyawo nya-ɖe-nya-nu abe ale si tututu wodze le agbalẽ me ene o.\nƑo nu tso dzi me. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase gbedeasia ɖo la ŋu. Wò susu nenɔ wo ŋu. Esia awɔe be wò dzedzeme, wò asiwɔwɔ ɖe nyaa dzi kple ale si nàɖo moe siaa ana wòadze ƒãa be nyaa tso dzi me na wò, eye awɔe hã be àƒo nu vividoɖeameŋutɔe.\nKpɔ wò nyaselawo ŋkume. Nɔ wò nyaselawo ƒe ŋkume kpɔm nenye be esia wɔwɔ maɖia amewo nu le mia gbɔ o. Ne èle nuƒo ƒom la, nɔ ame ɖekaɖekawo ŋkume kpɔm le nyaselawo dome, ke menye be nànɔ ŋku tsam le ƒuƒoƒo bliboa dzi gbadzaa ko o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/2-nu%C6%92o%C6%92o-le-dze%C9%96o%C9%96om%C9%94-nu\/","date":"2020-08-09T09:28:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738523.63\/warc\/CC-MAIN-20200809073133-20200809103133-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985122681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985122680664062}","num_words":203,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Oo Teofilo, nuŋlɔɖi gbãtɔ si mewɔ la ku ɖe nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me, 2 va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dzi, esime wòto gbɔgbɔ kɔkɔe dzi de se na apostolo siwo wòtia la vɔ megbe, la ŋu. 3 Eto kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le hã dzi ɖe eɖokui fia ame siawo agbagbee le esi wòkpe fu vɔ megbe, eye wokpɔe le ŋkeke blaeneawo me, eye wònɔ nya siwo ku ɖe Mawu fiaɖuƒe la ŋu gblɔm. 4 Eye esi eya kpli wo woƒo ƒu la, ede se sia na wo be: \"Migayi adzɔge tso Yerusalem o, ke boŋ minɔ nu si ŋugbe Fofo la do, si ŋu nya miese tso gbɔnye la, lalam; 5 elabena tsie Yohanes ya tsɔ nyrɔ amewo, gake mele ŋkeke geɖe xɔ ge le esia megbe o la, woanyrɔ mi ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me.\" 6 Ke esi woƒo ƒu la, wobiae be: \"Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?\" 7 Egblɔ na wo be: \"Menye miaƒe nyae wònye be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o; 8 ke boŋ miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.\" 9 Eye esi wògblɔ nya siawo vɔ, eye wonɔ ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo aɖe xɔe le wo ŋkume. 10 Eye esi wonɔ dziŋgɔli me kpɔm tẽe le ɣeyiɣi si me wòdzo yina la, kpɔ ɖa! Ŋutsu eve hã le awu ɣiwo me tsi tsitre ɖe wo gbɔ, 11 eye wogblɔ be: \"Galilea ŋutsuwo, nu ka tae mietsi tsitre ɖi le dziŋgɔli me kpɔm? Yesu sia si woxɔ dzoe le mia gbɔ yi dziŋgɔli me la, ava nenema ke abe ale si miekpɔe wònɔ dziŋgɔli me yim la ene.\" 12 Eye wotrɔ tso to, si woyɔna be Amito, si te ɖe Yerusalem ŋu, eye wo dome anɔ sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ,* la dzi yi Yerusalem. 13 Eya ta esi woɖo dua me la, woyi dziƒoxɔ si me wonɔna la me: Petro kple Yohanes kple Yakobo kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon, veviedonula la, kpakple Yuda, Yakobo vi. 14 Ame siawo nɔ gbedodoɖa dzi kple tame ɖeka, woa kple nyɔnu aɖewo kpakple Maria, Yesu dada, kple Yesu nɔviŋutsuwo. 15 Ke le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre le nɔviawo dome, (ameha la katã nɔ abe ame alafa ɖeka kple blaeve ene,) eye wògblɔ be: 16 \"Ŋutsuwo, nɔviwo, ehiã be ŋɔŋlɔ la nava eme, si gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to David nu tso Yuda, si zu ame siwo lé Yesu la ƒe mɔfiala ŋuti, 17 elabena woxlẽe ɖe mía dome, eye wòkpɔ gome le subɔsubɔdɔ sia me. 18 (Ale nenem me sia tsɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu ƒle anyigba, eye esi wòge tsɔ ta va tu anyi la, eƒe ƒodo wo too, eye eƒe dɔkaviwo do go. 19 Eye ame siwo katã le Yerusalem hã see, ale be woyɔa anyigba ma le woƒe gbea me be Akeldama, si gɔmee nye Ʋunyigba.) 20 Elabena woŋlɔ ɖe Psalmowo ƒe agbalẽa me be: 'Eƒe nɔƒe nazu aƒedo, eye ame aɖeke naganɔ eme o,' eye: 'Eƒe dzikpɔkpɔdɔ la nazu ame bubu tɔ.' 21 Eya ta ehiã be ame siwo ƒoa ƒu kpli mí le ɣeyiɣi siwo katã me Aƒetɔ Yesu yina gbɔna le mía dome, 22 tso esime Yohanes na nyɔnyrɔe va se ɖe ŋkeke si dzi woxɔe dzoe le mía gbɔ dzi la, ŋutsu siawo dometɔ ɖeka nazu ɖasefo kpe ɖe mía ŋu le eƒe tsitretsitsi la ŋu.\" 23 Eya ta wokplɔ ame eve, Yosef si woyɔna be Barsaba, si wogayɔna be Yusto, kple Matia vae. 24 Eye wodo gbe ɖa gblɔ be: \"Oo, Yehowa, wò ame si nya amewo katã ƒe dziwo me, ɖe ame eve siawo dometɔ si nètia la fia, 25 be wòaxɔ ɖe subɔsubɔdɔ kple apostolonyenye sia, si gbɔ Yuda trɔ le helé ye ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ, la teƒe.\" 26 Ale wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi; eye wotsɔe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Le rabiwo ƒe nyatakaka nu la, esia ade meta 890.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/1\/","date":"2020-08-13T23:49:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00129.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993146658,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993146657943726}","num_words":682,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Esau Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yakob nɔviŋutsu Esau ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Esau BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Esau Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Esau Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013235\/univ\/art\/502013235_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/esau\/","date":"2020-08-11T06:41:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738735.44\/warc\/CC-MAIN-20200811055449-20200811085449-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978007078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978007078170776}","num_words":93,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.151,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Ke ne wofɔ mi ɖe tsitre kple Kristo la,+ ekema miyi edzi mianɔ nu siwo le dziƒo, afi si Kristo la nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusime le, la dim.+ 2 Mina miaƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu,+ ke menye nu siwo le anyigba dzi la ŋu o.+ 3 Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe ɣla ɖe Kristo me le Mawu me. 4 Ne woɖe Kristo, si nye míaƒe agbe la,+ ɖe go la, ekema woaɖe miawo hã ɖe go kplii le ŋutikɔkɔe me.+ 5 Eya ta miwu miaƒe ŋutinu+ siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu,* makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃,+ nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ la gome. 6 Nu mawo tae Mawu ƒe dziku gbɔna ɖo. 7 Nu mawo tututu miawo hã miewɔna le miaƒe tsãgbenɔnɔ me.+ 8 Ke azɔ miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye,+ eye nya veamewo+ kple yakanyawo+ negado le mia nu o. 9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o.+ Miɖe amenyenye xoxo+ la kple eƒe nuwɔnawo ɖa, 10 eye mido amenyenye yeye+ la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu,+ 11 afi sia Helatɔ alo Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomatso, amedzro, Skitetɔ,* kluvi alo ablɔɖeme meli o; ke boŋ Kristo ye nye nuwo katã, eye wòle wo katã me.+ 12 Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo,+ ame kɔkɔewo kple lɔlɔ̃tɔwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ,+ dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ,+ tufafa+ kple dzigbɔgbɔ blewu.+ 13 Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa+ ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.+ Ale si ko Yehowa* tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.+ 14 Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃,+ elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.+ 15 Mina Kristo la ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me,*+ elabena ŋutifafa ma gbɔe woyɔ mi vɛ le ŋutilã ɖeka me. Eye minye akpedalawo. 16 Mina Kristo la ƒe nya la naxɔ aƒe ɖe mia me le nunya katã me. Miyi edzi mianɔ nu fiam mia nɔewo, eye mianɔ dzi dem ƒo na* mia nɔewo kple psalmowo,+ Mawu kafukafu nyawo, kple gbɔgbɔmehawo dzidzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe,* eye midzi ha le miaƒe dziwo me na Yehowa.*+ 17 Nu sia nu si miewɔna le nya alo nuwɔna me la, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye mianɔ akpe dam na Mawu Fofo la to edzi.+ 18 Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo,+ abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene. 19 Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m,+ eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ* o.+ 20 Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me,+ elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie. 21 Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o,+ ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o. 22 Mi kluviwo, miɖo to amegbetɔ siwo nye miaƒe aƒetɔwo le nu sia nu me,+ menye ne woƒe ŋku le mia ŋu ko le ameŋudzedze ta o, ke boŋ le dzimekɔkɔ me, le Yehowa* vɔvɔ̃ me. 23 Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me* abe Yehowa* ye miele ewɔm na ene,+ ke menye na amewo o, 24 elabena mienyae be Yehowa* gbɔe miaxɔ domenyinyi ƒe fetu la tsoe.+ Misubɔ Aƒetɔ Kristo abe kluviwo ene. 25 Ame si wɔa nu gbegblẽ la, axɔ nu gbegblẽ si wòwɔ la ŋuti fetu godoo.+ Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme o.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ \"Skitetɔ\" fia ame siwo ƒe ŋku meʋu kura o.\n^ Alo, \"nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe dziwo dzi.\"\n^ Alo, \"mianɔ nu xlɔ̃m.\"\n^ Alo, \"gbɔgbɔmeha wɔdɔɖeamedziwo dzidzi.\"\n^ Alo, \"miganɔ nyanyram ɖe wo o.\"\n^ Alo, \"dzi blibo me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Koloset%C9%94wo\/3\/","date":"2020-09-26T22:56:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400245109.69\/warc\/CC-MAIN-20200926200523-20200926230523-00591.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991859794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991859793663025}","num_words":593,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"7 Ŋkɔ nyui* nyo wu ami xɔasi,+ eye kugbe nyo wu dzigbe. 2 Kuƒemeyiyi* nyo wu aglotuƒeyiyi,+ elabena afi kemɛa nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye ele be wòade dzi gbɔ na agbagbeawo. 3 Nuxaxa nyo wu nukoko,+ elabena ne mo lé blanui la, ewɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi dzi wu.+ 4 Nunyalawo ƒe dzi le aƒe si me konyifafa le, ke bometsilawo ƒe dzi le aƒe si me aglotutu le.*+ 5 Nunyala ƒe mokaname sese+ nyo wu bometsilawo ƒe kafukafuha sese. 6 Elabena ale si ŋùti wóna kpotokpoto le ze gɔmee la, nenemae bometsila ƒe nukoko le;+ esia hã toflokoe. 7 Gake ameteteɖeanyi ate ŋu ado aɖaʋa nunyala, eye zãnuxɔxɔ gblẽa ame ƒe dzi.+ 8 Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze. Dzigbɔɖitɔ nyo wu dadala.+ 9 Mègayɔ* ɖe dzikudodo ŋu o,+ elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.*+ 10 Mègabia be, \"Nu ka tae tsãŋkekewo nyo wu fifitɔwo?\" hã o, elabena mèle biabiam le nunya me o.+ 11 Nunya si ŋu domenyinu kpe ɖo la, nu nyui aɖee wònye, eye viɖenue wònye na ame siwo kpɔa ɣe ƒe keklẽ.* 12 Elabena nunya kpɔa ame ta,+ abe ale si ko ga hã kpɔa ame ta ene,+ ke nu si nyo le sidzedze ŋue nye be: Nunya kpɔa ame si si wòle la ƒe agbe ta.+ 13 Lé ŋku ɖe Mawu vavã la ƒe dɔwo ŋu, elabena ame kae ate ŋu adzɔ nu si wòglɔ̃ la?+ 14 Ne ŋkekea me nyo la, wò nuwɔnawo naɖee afia be eme nyo,+ ke ne ŋkekea me menyo o hã, dze sii be Mawue wɔ eya hã abe ekemɛa ke ene,+ ne amegbetɔ naganya nu si tututu ava dzɔ ɖe edzi emegbe la ƒe ɖeke o.+ 15 Mekpɔ nu sia nu le nye agbemeŋkeke ƒuƒluawo+ me—mekpɔ ame dzɔdzɔe siwo nu yina togbɔ be wowɔa nu dzɔdzɔe+ kple ame vɔ̃ɖi siwo nɔa agbe didi togbɔ be wovɔ̃ɖi hã.+ 16 Mègawɔ ɖokuiwò ame dzɔdzɔe akpa o,+ eye mèganya nu wòagbɔ eme akpa hã o.+ Nu ka tae nàgblẽ ɖokuiwò dome?+ 17 Mègawɔ nu vɔ̃ɖi wòagbɔ eme o, eye mèganye bometsila hã o.+ Nu ka tae nàku kukpo?+ 18 Enyo be nàlé nuxlɔ̃ame si wona wò me ɖe asi, eye mègana ekemɛa hã nage le asiwò o;+ elabena ame si vɔ̃a Mawu la alé wo ame evea me ɖe asi. 19 Nunya doa ŋusẽ nunyala wu ŋusẽtɔ ewo siwo le du me.+ 20 Elabena ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.+ 21 Azɔ hã, mègatsɔ wò dzi ɖo nya sia nya si amewo gblɔna la ŋu o;+ ne menye nenema o la, àva se wò subɔvi wòanɔ ɖiŋu dom na wò;* 22 elabena wò ŋutɔ hã ènyae nyuie le wò dzi me be yedo ɖiŋu na amewo kpɔ zi geɖe.+ 23 Metsɔ nunya do nu siawo katã kpɔ, eye megblɔ be: \"Madze nunya.\" Gake nyemete ŋui o. 24 Nu si li la, egbɔ metsɔ o, eye eme goglo ale gbegbe. Ame kae ate ŋu ase egɔme?+ 25 Nye la, metsɔ nye dzi ɖo anyi be madze si nunya, madzro eme, eye madii, ne makpɔ susu si ta nuwo le alea, ne manyae be movidzɔdzɔ nye vɔɖivɔ̃ɖi, eye tsukuku nye bometsitsi.+ 26 Eye mekpɔ nu sia be: Nu si vena wu kue nye nyɔnu si zu adoboli, eƒe dzi nye ɖɔ, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Ame si ƒe nu dzea Mawu vavã la ŋu la asi le enu,+ ke nu vɔ̃ wɔla ya adze esi me.+ 27 Nyagblɔla+ be: \"Kpɔ ɖa! Esia ŋue meke ɖo; medzro nuwo me ɖekaɖeka, ne maƒo nya ta, 28 gake nyemeke ɖe* nu si dim menɔ atraɖii la ŋu o. Mekpɔ ŋutsu ɖeka* le ame akpe ɖeka dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka le wo katã dome o. 29 Esia ko mekpɔ, be: Mawu vavã la wɔ amegbetɔwo wole dzɔdzɔe,+ ke woawo ŋutɔwoe ti ayedzedze geɖe yome.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Ŋkɔ nyui wɔwɔ.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ŋkɔ.\"\n^ Alo, \"Kuteƒeyiyi.\"\n^ Alo, \"afi si nukokoedoname le.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Wò gbɔgbɔ megayɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"elabena bometsitsi ƒe dzesie wònye.\"\n^ Efia, agbagbeawo.\n^ Alo, \"fi ƒom de wò.\"\n^ Alo, \"nye luʋɔ meke ɖe.\"\n^ Alo, \"ŋutsu dzɔdzɔe ɖeka.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Nyagbl%C9%94la\/7\/","date":"2020-09-23T07:15:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400209999.57\/warc\/CC-MAIN-20200923050545-20200923080545-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983621836,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983621835708618}","num_words":658,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"157. Yesu ne àva la\ntraduit de « Quand tu viendras, Jésus, par ta puissance »\n1.\nYesu ne àva la, to wò ŋusẽ me,\nMesiwo ku le mewò woatsi tre\nWoahe wo enumake yi ŋkuwò me\nAfia Fofo la le ŋuikɔkɔe me\n2.\nMí agbagbewo siwo anɔ 'nyi la\nWɔatrɔ mía nɔnɔme enumake\nEye woahe mí kpli wo siaa yi dziƒo\nFisi míanɔ kple Aƒetɔ ɖaasi\n3.\nFu, hũɖeɖe xaxawo kple aɖatsi\nWomele dziƒo du nyuie la me o.\nYesu wò anyinɔnɔ yɔ afima\nŊuifafa sɔŋ : mawu ƒe dzudzɔ ye.\n4.\nLe Fofo la ƒ'aƒe me l'afima la,\nMí mawuviwo kple subɔlawo\nMiaƒo xlã wò, 'ye míanye nunɔla kple\nFia nyuiwo geɖe wu anyigba dzi.\n5.\nOo lɔlɔ gã si ƒo ƒu menuveve\nKple nyateƒe ɖekae ƒe gogloƒe\nNèva di kluviwo kple fɔɖilawo,\nXexe vɔ̃ dzaglã ɖe Mawu ŋu kpɔ.\n6.\nEsi nègble wò ŋuikɔkɔe gã ɖi la\nNeɖi va yi keke ke ku me ke\nYe, Oo Agbefiavi, nèxɔ mía nuvɔ\nƑe fetu dziŋɔ l'atsitsoga ŋu.\n7.\nMíado dzi ; 'ye míakɔ ta dzi, xɔlɔ̃wo,\nNɔviwo, mía Srɔ̃, mía Ƒetɔ gbɔna !\nEle mía kpem na ŋkeke nyui mavɔ la\nLɔlɔ̃-dzudzɔ : eyae le mía lalam !","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/cantiques.yapper.fr\/Ewe\/HeC_157-Ewe.html","date":"2020-09-29T15:54:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400202418.22\/warc\/CC-MAIN-20200929154729-20200929184729-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951401949,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951401948928833}","num_words":185,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tɔ nabu eŋu kpɔ!\nBu nu si me Rachel to la ŋu kpɔ. Ne wowɔ dodokpɔ la, Rachel xɔa dzeside nyui siwo nye A alo B. Esi wòva ɖo xɔ 7 lia me la, nuwo va trɔ. Rachel gblɔ be: \"\nMíaƒe nufiala wɔ nu sia nu si wòate ŋui be magakpɔ dzidzedze le dodokpɔ me o.\" Nu ka tae? Nufiala na Rachel kple dadaa wonya be yemelɔ̃ subɔsubɔha si me wole la o.\nNu kae va dzɔ? Rachel gblɔ be: \"\nƔesiaɣi si wòdze ƒãa be nufialaa ɖe mɔ eƒe susu gbegblẽ bubu kpɔ ŋusẽ ɖe dzesi si wònam le dodokpɔ me dzi la, Dada kplɔam ɖo vaa sukua va ƒoa nu tso eŋu kple nufialaa. Mlɔeba la, nufiala dzudzɔ fuɖeɖe nam.\"\nNe nuwo le na wò hã alea la, dzi nenɔ ƒowò nàgblɔe na dziwòlawo. Ðikeke mele eme o be woadi be yewoaƒo nu tso eŋu kple wò nufiala, eye ɖewohĩ woana sukutatɔwo nanya nu tso eŋu be woakpɔ nyaa gbɔ.\nEle eme baa be, menye ɣesiaɣie agbagbadzedze be woaɖɔ nuwo ɖo kpɔa dzidzedze o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòle be nàyi edzi ado dzi. (Romatɔwo 12:17, 18) Ðetugbui si ŋkɔe nye Tanya gblɔ be: \"\nDzi kua míaƒe nufialawo dometɔ ɖeka ɖe sukuviwo ŋu. Zi geɖe la, edzua mí be míenye tagbɔkukutɔwo. Le gɔmedzedzea me la, esia tena ɖe dzinye mefaa avi, gake nyemegava ɖea mɔ eƒe dzugbewo kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye o. Metsɔ nye susu ɖo nye sukudɔwo ŋu eye mebia ŋku ɖe eƒe sukudɔdeasiwo ŋu. Nu si do tso emee nye, megaɖea fu nam azɔ abe tsã ene o, eye menye sukuvi ʋɛ siwo kpɔa dzidzedze le eƒe dodokpɔwo me la dometɔ ɖeka. Le ƒe eve megbe la, wonya nufiala ma le sukua.\"\nNya vevitɔ: Srɔ̃ ale si nàwɔ nu kple nufiala siwo ƒe nya me sẽ, eye esia ana nàtu ŋutete nyuiwo, siwo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nàwɔ nu kple dɔtɔ si ƒe nya me sẽ ɖo. (1 Petro 2:18) Ana nàde asixɔxɔ nufiala nyuiwo hã ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nufiala-si-w%C9%94a-%C5%8Bl%C9%94mi\/","date":"2020-09-20T17:16:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198287.23\/warc\/CC-MAIN-20200920161009-20200920191009-00564.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981251955,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981251955032349}","num_words":326,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nDzilawo, mizã ŋutinya siawo miatsɔ afia nu mia viwo ne woasrɔ̃ Biblia me nufiame veviwo.\nNya siwo le 5 Mose ate ŋu afia mɔ wò le viwòwo hehe me.\nBiblia ƒo nu tso nya ɣaɣla vevi aɖe ŋu si nye \"nya ɣaɣla kɔkɔe.\" Àdi be yeanya nya ɣaɣla sia?\nNu kae míawɔ be míanɔ abe Rebeka ene? Xlẽ nyɔnu sia ƒe ŋutinya eye nàsrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.\nXlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Raxab kple eƒe ƒomea tsi agbe esime wowu Yerixotɔwo la ŋu.\nŊugbedodo ka dzie Yefta via wɔ ɖo? Aleke míate ŋu awɔ nu abe nyɔnuvi sia ene?\nAleke nàte ŋu asrɔ̃ Samuel ƒe kpɔɖeŋu eye nàyi edzi anɔ nu nyui wɔm ne èkpɔ ame bubuwo le nu gbegblẽ wɔm gɔ̃ hã?\nXlẽ Biblia me ŋutinya dodzidzɔname sia be nàkpɔ nu si na David mevɔ̃na o.\nNya kae Yehowa gblɔ na Eliya esi wòwɔ nɛ be wogblẽ ye ɖi? Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Eliya dzi la me?\nBiblia gblɔ na mí be esesẽ na Yosiya ŋutɔ be wòawɔ nu nyui. Xlẽ nu tso ale si exɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋui la ŋu.\nTogbɔ be amewo ko Yeremiya alo do dziku ɖe eŋu hã la, nu ka tae wòyi edzi nɔ Mawu ƒe nya gblɔm na amewo?\nMenye ɣesiaɣie wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo to dziwòlawo o. Kpɔ ale si Yesu ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe ɖa.\nXlẽ nu tso Biblia-ŋlɔla enyi siwo nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la me eye woŋlɔ nu tso eŋu la ŋu.\nÐekakpui sia na nyruia tsi agbe. Nu kae wòwɔ?\nNu kae nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me abe Timoteo ene?\nAleke agbea anɔ ne Yesu le fia ɖum ɖe anyigba dzi? Àdi be yeanɔ afi ma?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/","date":"2020-09-30T08:23:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600402123173.74\/warc\/CC-MAIN-20200930075754-20200930105754-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989359975,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989359974861145}","num_words":302,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Yesu Kristo,* David vi,+ Abraham vi,+ ƒe dzidzimenuŋlɔɖiwo: 2 Abraham dzi Isak;+Isak dzi Yakob;+Yakob dzi Yuda+ kple nɔviawo; 3 Yuda kple Tamar dzi Perez kple Zera;+Perez dzi Hezron;+Hezron dzi Ram;+ 4 Ram dzi Aminadab;Aminadab dzi Nahason;+Nahason dzi Salmon; 5 Salmon kple Rahab+ dzi Boaz;Boaz kple Rut+ dzi Obed;Obed dzi Isai;+ 6 Isai dzi David,+ fia la. David kple Uriya srɔ̃ dzi Salomo;+ 7 Salomo dzi Rehabeam;+Rehabeam dzi Abiya;Abiya dzi Asa;+ 8 Asa dzi Yehosafat;+Yehosafat dzi Yehoram;+Yehoram dzi Uziya; 9 Uziya dzi Yotam;+Yotam dzi Ahaz;+Ahaz dzi Hizkiya;+ 10 Hizkiya dzi Manase;+Manase dzi Amon;+Amon dzi Yosiya;+ 11 Yosiya+ dzi Yekoniya+ kple nɔviawo le Babilon ƒe aboyoɖeɣi.+ 12 Esi wole aboyo me le Babilon la, Yekoniya dzi Sealtiel;Sealtiel dzi Zerubabel;+ 13 Zerubabel dzi Abihud;Abihud dzi Eliyakim;Eliyakim dzi Azor; 14 Azor dzi Zadok;Zadok dzi Akim;Akim dzi Elihud; 15 Elihud dzi Eleazar;Eleazar dzi Matan;Matan dzi Yakob; 16 Yakob dzi Yosef, ame si srɔ̃e nye Maria si dzi Yesu+ si woyɔna be Kristo la.+ 17 Ale dzidzimeawo katã tso Abraham dzi va se ɖe David dzi le dzidzime wuiene; tso David dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo yi Babilon la le dzidzime wuiene; eye tso esime woɖe aboyo wo yi Babilon va se ɖe Kristo la dzi le dzidzime wuiene. 18 Yesu Kristo dzidzi yi ale. Esime wodo dadaa Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, eye womekpɔ ɖe wo nɔewo haɖe o la, efɔ fu to gbɔgbɔ kɔkɔe+ dzi.* 19 Ke esi srɔ̃a Yosef nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o ta la, eɖoe be yeagbee le adzame.+ 20 Ke esi wòbu nu siawo ŋu vɔ la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ be: \"Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o, elabena fu si wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe mee wòtso.+ 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu,*+ elabena eyae aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.\"+ 22 Nu siawo katã dzɔ ale be nya si Yehowa* gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la nava eme be: 23 \"Kpɔ ɖa! Ðetugbui leaƒe afɔ fu adzi ŋutsuvi, eye woana ŋkɔe be Imanuel,\"+ si gɔmee nye \"Mawu Li Kpli Mí.\"+ 24 Ale Yosef nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòwɔ abe ale si Yehowa* ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me. 25 Ke medɔ kplii o va se ɖe esime wòdzi ŋutsuvi;+ eye wòna ŋkɔe be Yesu.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Mesia; Amesiamina.\"\n^ Alo, \"to Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ dzi.\"\n^ Esia nye teƒe 237 siwo Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la ƒe gbãtɔ le Biblia gɔmeɖeɖe sia me. Kpɔ Megbenyawo A5.\n^ Ŋkɔ sia sɔ kple Hebrigbe me ŋkɔ Yesua alo Yosua, si gɔmee nye \"Yehowa Nye Xɔname.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mateo\/1\/","date":"2020-09-20T20:47:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198652.6\/warc\/CC-MAIN-20200920192131-20200920222131-00095.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992446899,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992446899414062}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.319,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?\nLɔlɔ̃gbalẽwo kple aɖaŋuɖoɖo siwo le wo me dzi wɔwɔ hea dzigbagbã vɛ na ame ɣeaɖewoɣi, evɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzie wotua lɔlɔ̃ vavã ya ɖo.\nBiblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woakpɔ srɔ̃ nyui aɖe eye ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woaɖe lɔlɔ̃ vavã afia wo srɔ̃wo.\nAɖaŋuɖoɖo siwo le video sia me ate ŋu aɖe vi na wò, gake de dzesii be wogblɔ le videoa me be ale si amewo wɔa nui ne wole zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la toa vovo le dukɔ vovovowo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/videowo\/nu-kae-nye-l%C9%94l%C9%94%CC%83-vav%C3%A3\/","date":"2020-10-30T20:31:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107911229.96\/warc\/CC-MAIN-20201030182757-20201030212757-00117.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988501668,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988501667976379}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃. Biblia me mɔfiame ene siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo kple fenyinyawo gome:\nWɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu. \"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.\" (Lododowo 21:5) Mègatsi dzi nàƒle nane le esi wole edzram ta ko o. Wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu eye nàzɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ.\nMègade ɖokuiwò fe me dzodzro o. \"Ame si doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.\" (Lododowo 22:7) Ne fe aɖewo le ŋuwò xoxo eye mètea ŋu le wo xem o la, dzro ɖoɖo bubu si nu nàdi be yeaxe fea le la kple wò fetɔa. Ƒo koko nɛ. Wɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na ame si mebu nuwo ŋu nyuie o hafi de megbe na ame le fenyinyi me o la dzi be: \"[Xlã] ɖokuiwò ɖe eƒe afɔ nu, eye nàƒoe ɖe hawòvi nu. Mègana alɔ̃ nava wò ŋku dzi o, eye akɔlɔ̃e megaɖo wò aɖaba me o.\" (Lododowo 6:1-5) Ne meda asi ɖe ɖoɖo si nèwɔ be yeaxe fea nɛ dzi o zi gbãtɔ o hã la, yi ebiabia dzi.\nNa susu nyuitɔ nanɔ asiwò ɖe ga ŋu. Biblia gblɔ be: \"Ŋubiãla le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.\" (Lododowo 28:22) Eya ta menye ɖeko ŋubiabiã kple ŋukeklẽ ana nàzu feme o, ke ana hã be magatsi dzi ɖe wo kple Mawu dome ƒomedodo ŋu o.\nNa nu si le asiwò la nadze ŋuwò. \"Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nu siawo nasɔ gbɔ na mí.\" (1 Timoteo 6:8) Ga mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ alo dzidzeme o. Ame siwo kpɔa dzidzɔ wu le xexea me la dometɔ aɖewo menye gatɔ gãwo o. Nu siwo le wo si nye lɔlɔ̃ si le woƒe ƒomea me, lɔlɔ̃ si le wo kple wo xɔlɔ̃wo dome, kpakple xɔlɔ̃kadodo si le wo kple Mawu dome.—Lododowo 15:17; 1 Petro 5:6, 7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/ga-kple-biblia\/","date":"2020-10-31T11:51:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107917390.91\/warc\/CC-MAIN-20201031092246-20201031122246-00507.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988844991,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988844990730286}","num_words":313,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Le Fia Herodes Ƒe Ŋkekeawo Me\"\nESI Herodes Gãtɔ, si nye fia nɔ Yudea, nɔ agbagba dzem be yeawu Yesu ɖevi la, edɔ asrafowo woɖawu ɖevi siwo nye ŋutsuviwo la katã le Betlexem. Woŋlɔ nu siwo dzɔ le \"fia Herodes ƒe ŋkekeawo me\" la dometɔ geɖewo ɖi, siwo kpe ɖe mía ŋu míese ale si nuwo nɔ do ŋgɔ na Yesu dzidzi kple eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la gɔme nyuie.—Mateo 2:1-16.\nNu kae na be Herodes di be yeawu Yesu? Eye nu ka tae esime wodzi Yesu la, fia nɔ Yudatɔwo si, gake esime Yesu ku la, Pontio Pilato, si nye Romatɔ lae nɔ wo dzi ɖum? Hafi míate ŋu ase akpa si Herodes wɔ le ŋutinya me gɔme bliboe eye míase nu si tae akpa si wòwɔ le ŋutinya me le vevie na Biblia xlẽlawo gɔme la, ehiã be míagbugbɔ ayi megbe adzro nu siwo dzɔ ƒe blananewo do ŋgɔ na Yesu dzidzi la me.\nFiaɖuɖu Le Yudea Ƒe Hoʋiʋli\nTso ƒe alafa evelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.) ƒe gɔmedzedze va ɖo eƒe titina la, Siriatɔwo ƒe Seleucus fiaƒomea, si nye fiaƒomedziɖuɖu ene siwo do tso Aleksanda Gãtɔ ƒe fiaɖuƒea me la dometɔ ɖeka, ye nɔ Yudea dzi ɖum. Ke hã, esi Seleucus fiaƒomea me tɔ si nɔ zia dzi la tee kpɔ le ƒe 168 D.M.Ŋ. me lɔƒo be yeatsɔ Zeus subɔsubɔ aɖo tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa le Yudatɔwo ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me teƒe la, Maccabee ƒomea nɔ ŋgɔ na Yudatɔwo wotso ɖe eŋu. Esia wɔe be Maccabeeawo, siwo wogayɔna be Hasmoneawo, va ɖu Yudea dzi tso ƒe 142 va ɖo ƒe 63 D.M.Ŋ.\nLe ƒe 66 D.M.Ŋ. me la, Hasmoneawo ƒe fiavi eve, Hyrcanus II kple nɔvia Aristobulus, nɔ fiazikpuia ʋlim. Esia wɔe be wova te aʋawɔwɔ kple wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe di kpekpeɖeŋu tso Pompey, si nye Roma aʋafia si nɔ Siria ɣemaɣi la, gbɔ. Pompey hã wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ hede nu aʋa la me.\nRomatɔwo nɔ dukɔwo dzi ɖum ɖo ta ɣedzeƒe, eye ɣemaɣi la, wokpɔ ŋusẽ ɖe Asia Sue ƒe akpa gã aɖe dzi. Gake esi Siriatɔwo ƒe fia vovovo, siwo ɖu dzi ɖe wo nɔewo yome la ƒe dziɖuŋusẽ me gbɔdzɔ ta la, ewɔe be aglãdzenuwɔnawo nɔ edzi yim le dukɔa me, eye Romatɔwo kpɔe be esia ate ŋu agblẽ ŋutifafa si ta yewodi be yewoakpɔ le Ɣedzeƒenutoa me la me. Esia wɔe be Pompey ho aʋa ɖe Siria ŋu hexɔe.\nAle si Pompey di be yeakpɔ Hasmonea ƒomea ƒe hoʋiʋlia gbɔ ye nye be yeada megbe na Hyrcanus; eya ta le ƒe 63 D.M.Ŋ. me la, Romatɔwo va dze Yerusalem dzi hetsɔ Hyrcanus ɖo fiazikpuia dzi. Gake Hyrcanus maɖu dzi le eɖokui si o. Esi Romatɔwo nya de nu nyaa me ko la, woɖoe be yewoayi edzi akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Hyrcanus va zu fia si le Romatɔwo ƒe ŋusẽ te, si le zia dzi le Romatɔwo ƒe amenuveve me, eye wòle fia ɖum le esi Romatɔwo lɔ̃ eye wole kpekpem ɖe eŋu be wòakpɔtɔ anɔ fiazikpuia dzi ta. Ate ŋu akpɔ fiaɖuƒea me nyawo gbɔ abe ale si wòdii ene, gake le kadodo kple dukɔ bubuwo gome ya la, enɔ nɛ be wòawɔ ɖe Romatɔwo ƒe ɖoɖowo dzi.\nHerodes Ƒe Ŋusẽkpɔkpɔ\nHyrcanus nye dziɖula si mete ŋu wɔa eƒe dziɖuŋusẽa ŋu dɔ ale si dze o. Ke hã, Antipater, si nye Edomtɔ si nye Herodes Gãtɔ fofo la naa kpekpeɖeŋui. Antipater ye nye ŋusẽ si nɔ megbe na fia la. Exe mɔ na Yudatɔwo ƒe ha siwo tsi tsitre ɖe fia la ŋu, eye eteƒe medidi o, Antipater va kpɔ ŋusẽ ɖe Yudea nutoa katã dzi. Ekpe ɖe Kaisaro Julius ŋu wòɖu eƒe futɔ siwo nɔ Egipte la dzi, eye Romatɔwo ɖo eteƒe nɛ hedoe ɖe dzi wòzu nutomefia, si nye Roma fiaɖuƒea teƒenɔla si anɔ dɔ wɔm kpli wo tẽe. Emegbe Antipater ŋutɔ hã tsɔ viaŋutsu siwo nye Phasael kple Herodes la ɖo nutomedziɖulawo, gbãtɔ nɔ Yerusalem eye evelia nɔ Galilea.\nAntipater fia nu viaŋutsuawo be womate ŋu awɔ naneke Roma ƒe ŋusẽ manɔmee o. Nufiame sia tsi susu me na Herodes. Le eƒe dziɖuɣi katã la, edze agbagba da sɔ le nu siwo katã Roma dziɖuɖua, si nye eƒe aƒetɔ, kpakple nu siwo etevi, siwo nye Yudatɔwo, dina tso esi la dzi wɔwɔ me. Ðoɖowɔwɔ ƒe ŋutete si nɔ esi kple aʋafia si wònye la de edzi ŋutɔ. Esi woɖo Herodes, si xɔ ƒe 25 la nutomedziɖulae la, etso enumake hedze agbagba vevie ɖe adzoblasuwo ƒe ha siwo nɔ nutoa me la ɖa keŋkeŋ, eye esia wɔe be Yudatɔwo kple Romatɔwo siaa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.\nEsi Antipater ƒe futɔwo de aɖi nu me nɛ wòku le ƒe 43 D.M.Ŋ. me megbe la, Herodes ye va zu ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake le Yudea katã. Ke hã, ame aɖewo lé fui. Amegã siwo nɔ Yerusalem la bui be menye eyae dze aɖu fia o, eye wodze agbagba be yewoaƒoe ɖe Roma nu wòaɖee le zia dzi. Gake womekpɔ dzidzedze o. Romatɔwo ɖo ŋku nu siwo Antipater wɔ na wo la dzi eye wokpɔ ŋudzedze ɖe ŋutete siwo le viaŋutsua si la hã ŋu.\nWoɖo Herodes Yudea Fia\nAle si Pompey kpɔ ʋiʋli si nɔ Hasmonea ƒomea me la gbɔ ƒe 20 do ŋgɔ la na dzi nɔ ame geɖewo kum vevie. Ameha siwo de Aristobulus dzi, siwo dzi woɖu tsã, la yi edzi nɔ agbagba dzem be yewoaxɔ fiazikpuia, eye le ƒe 40 D.M.Ŋ. me la, Partiatɔ siwo nye Roma fiaɖuƒea ƒe futɔwo la da megbe na wo wokpɔ dzidzedze azɔ. Esi dukɔmeviʋa nɔ edzi yim le Roma ta la, wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ yi ɖadze Siria dzi; woɖe Hyrcanus le zia dzi, eye wotsɔ Hasmonea ƒomea me tɔ aɖe si lé fu Romatɔwo la ɖo fiazikpuia dzi.\nHerodes si yi Roma, eye woxɔe alɔevee. Romatɔwo di be yewoanya Partiatɔwo ɖa le Yudea ale be yewoatsɔ nutoa ade asi na dziɖula si anɔ yewoƒe ŋusẽ te. Wohiã ame aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo, eye wokpɔe be Herodes koe dze. Eya ta Romatɔwo ƒe Dunyahemegãwo ƒe Sewɔha la ɖɔ fiakuku na Herodes heɖoe Yudea fia. Herodes nɔ ŋgɔ na gbɔlɔlɔ aɖe tso Sewɔtakpeƒea yi ɖe Yupiter ƒe gbedoxɔ me ɖasa vɔ na trɔ̃subɔlawo ƒe mawuwo wònye dzesi be yele klalo awɔ nu sia nu si yeate ŋui be dziɖuŋusẽa nakpɔtɔ anɔ ye si me.\nRomatɔwo ƒe asrafoha da megbe na Herodes wòɖawɔ aʋa kple eƒe futɔwo le Yudea heɖu wo dzi eye wòtrɔ xɔ eƒe fiazikpuia. Hlɔ̃ si wòbia ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la nu sẽ ŋutɔ. Etsrɔ̃ Hasmonea ƒomea kple Yudatɔ dziɖuɖumegã siwo katã de wo dzi, kpakple ame ɖe sia ɖe si medi be Roma fiaɖuƒea ƒe xɔlɔ̃ aɖeke naɖu fia ɖe yewo dzi o la.\nHerodes Na Eƒe Dziɖuɖua Li Ke\nLe ƒe 31 D.M.Ŋ. me esime Octavius ɖu Mark Antony dzi le aʋa si wowɔ le Actium la me heva zu Roma dziɖula si dze la, Herodes kpɔe be xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ ye kple Mark Antony dome la ava wɔe be dziɖula yeyea maka ɖe ye dzi o. Eya ta Herodes wɔ kaba na Octavius nya be yele megbe nɛ. Roma dziɖula yeyea hã da asi ɖe Herodes dzi abe Yudea nutoa ƒe fia ene eye wòkeke nuto si dzi ɖum wònɔ la ɖe enu.\nLe ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Herodes ɖo atsyɔ̃ na Yerusalem abe Helatɔwo ƒe dugãwo dometɔ ɖeka ene heto esia me li ke eƒe dziɖuŋusẽ. Edze xɔtudɔ gã aɖe gɔme—etu fiasãwo kple melidzeƒedu si nye Kaisarea, eye wòwɔ xɔtudɔ gãwo le Yerusalem ƒe gbedoxɔa hã ŋu. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, ekpɔa egbɔ be dukplɔɖoɖo ɖe sia ɖe si yeawɔ nana xɔlɔ̃wɔwɔ nakpɔtɔ anɔ ye kple Roma fiaɖuƒea dome eye be wòakpɔtɔ anɔ megbe na ye.\nHerodes kpɔ ŋusẽ ɖe Yudea dzi bliboe; naneke menɔ anyi si dzi mekpɔ ŋusẽ ɖo o. Herodes te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe nunɔla gã nyenye ƒe ɖoɖoa hã dzi eye etea ŋu tiaa ame sia ame si dze eŋu wònyea nunɔla gã.\nŊuʋãla Amewula\nTomefafa menɔ Herodes ƒe agbe me o. Srɔ̃anyɔnu ewoawo dometɔ geɖe di be yewo viŋutsuwo dometɔ ɖeka nava ɖu fia ɖe fofoa teƒe. Nugbeɖoɖo siwo nɔ edzi yim le Herodes ƒe fiasã me na be wòva nɔa vɔ̃ bum ɖe ame ŋu hesẽa ŋuta hã. Ŋuʋaʋã sẽŋu aɖe na wòna wowu srɔ̃a, Mariamne, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, eye emegbe wòna womia ve na viŋutsu siwo Mariamne dzi nɛ la dometɔ eve woku, elabena esee be woɖo nugbe ɖe ye ŋu. Eya ta Mateo ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe ʋukɔkɔɖi si yi edzi le Betlexem ŋu la ɖo kpe dziku ƒe nɔnɔme si wonya na Herodes kple ale si wòɖoe kplikpaa be yeawu ame sia ame si atsi tsitre ɖe ye ŋu la dzi.\nAme aɖewo gblɔ be, esi Herodes nya be amewo melɔ̃a yeƒe nya o ta la, ede se be gbe si gbe yeaku la, ele be wòanye konyifagbe na dukɔa katã, ke menye dzidzɔgbe o. Le agbagbadzedze be yeana woawɔ yeƒe sededea dzi me la, ena wolé amegã siwo le Yudea la hede se be woawu wo katã ne yeku eye wonya ɖe gbeƒã yeƒe ku ko. Gake womeva wɔ ɖe eƒe sedede ma dzi o.\nNu Si Wotsɔ Ðoa Ŋku Herodes Gãtɔ La Dzi\nEsi Herodes ku la, Roma fiaɖuƒea tso nya me le se nu be, via Arxelao naxɔ ɖe eteƒe abe Yudea dziɖula ene, eye viaŋutsu eve bubuwo hã zu fiaviwo, alo nutomedziɖulawo—Antipa ɖu Galilea kple Perea dzi, eye Filipo ɖu Iturea kple Traxoniti nutoawo dzi. Dukɔa kple Arxelao ƒe aƒetɔ siwo ɖoe zia dzi la siaa meva kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Eɖu dzi hena ƒe ewo, gake eƒe dziɖuɖua mekpɔ dzidzedze o, eye le esia ta Romatɔwo ɖee ɖa hetsɔ woawo ŋutɔwo ƒe nutomefia ɖo eteƒe, si nye ame si ɖu dzi do ŋgɔ na Pontio Pilato. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, Antipa—si Luka yɔ ko be Herodes—kple Filipo kpɔtɔ nye nutomedziɖulawo le woƒe nutoawo me. Alea ye nuwo nɔ le dunyahenyawo gome le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze.—Luka 3:1.\nÐewohĩ nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si Herodes Gãtɔ, si dze aye le dunyahehe me eye wònye amewula tagbɔsesẽtɔ, la ɖo be yeawɔ ye nye didi be yeawu Yesu vidzĩ la. Akpa si Herodes wɔ le ŋutinya me la me dzodzro ɖea vi na Biblia xlẽlawo—ena nu siwo dzɔ le ɣeyiɣi mawo me la me gakɔ na mí nyuie, ena míese ale si wòdzɔe be Romatɔwo va nɔ Yudatɔwo dzi ɖum, kple ale si nuwo nɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi kple eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la gɔme.\n[Anyigbatata si le axa 15]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nPalestina kple nuto siwo ƒo xlãe le Herodes ƒe ŋkekeawo me\nSIRIA\nITUREA\nGALILEA\nTRAXONITI\nGalilea Ƒu\nYordan Tɔsisi\nKaisarea\nSAMARIA\nPEREA\nYerusalem\nBetlexem\nYUDEA\nDzeƒu\nIDUMEA\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]\nDziɖula siwo ɖu Yudea dzi ɖe wo nɔewo yome le ƒe alafa eve siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe subɔsubɔdɔa la dometɔ ɖeka koe Herodes nye","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091201\/Le-Fia-Herodes-%C6%91e-%C5%8Akekeawo-Me\/","date":"2020-11-25T11:03:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141182776.11\/warc\/CC-MAIN-20201125100409-20201125130409-00409.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982888699,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982888698577881}","num_words":1814,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Sɔa?\nLE NUMEKUKU aɖe si wowɔ me la, ƒewuivi siwo wobia gbee la dometɔ 90 le alafa me susui be ne ame eve nya lɔ̃ wo nɔewo ya ko la, ke naneke megblẽ le eŋu be woadɔ wo nɔewo gbɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Zi geɖe la, television kple sinimawo ɖea gbɔdɔdɔ fiana abe nu si wòle be ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo la nawɔ ene.\nAme siwo di be yewoadze Mawu ŋu la media mɔfiafia tso xexea me o, elabena wonyae be eme nɔlawo ƒe tamebubu ɖea eƒe fia, si nye Abosam, ƒe nɔnɔme fiana. (Yohanes I, 5:19) Wokpɔna nyuie hã be woƒe seselelãmewo ɖeɖe mekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o, elabena wonyae be \"Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã.\" (Yeremya 17:9) Ame siwo nye nunyalawo vavã la dia mɔfiafia tso Wɔla la kple eƒe Nya si wòtsɔ gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la me boŋ.—Lododowo 3:5, 6; Timoteo II, 3:16.\nMawu Ƒe Nunanae Gbɔdɔdɔ Nye\nYakobo 1:17 gblɔ be: \"Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ.\" Gbɔdɔdɔ si yia edzi le ame siwo ɖe wo nɔewo ɖeɖeko dome la nye nunana xɔasi siawo dometɔ ɖeka. (Rut 1:9; Korintotɔwo I, 7:2, 7) Enaa amegbetɔwo dzina, eye enaa ƒomedodo kplikplikpli nɔa ŋutsu kple srɔ̃a dome le ŋutilã me kple seselelãme siaa le mɔ dodzidzɔname si me lɔlɔ̃ le nu. Fia Salomo ŋlɔ be: \"[Kpɔ] dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. . . . Eƒe no nemu wò.\"—Lododowo 5:18, 19.\nEsɔ le dzɔdzɔme nu be Yehowa di be yeƒe nunanawo naɖe vi na mí, eye míakpɔ dzidzɔ le wo me. Esia tae wòna se kple gɔmeɖose nyuitɔwo kekeake siwo nu míanɔ agbe ɖo la mí. (Psalmo 19:8, 9) Yehowae nye \"amesi fia nusi nyo na wò la wò, [eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.\" (Yesaya 48:17) Ðe mía Fofo si le dziƒo—ame si ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi le lɔlɔ̃ɖeɖefia me—la ate nu si nyo ŋutɔŋutɔ na mí la mía?—Psalmo 34:11; 37:4; 84:12; Yohanes I, 4:8.\nGbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Menye Lɔlɔ̃ɖeɖefia O\nNe ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo ko la, wova zua \"ŋutilã ɖeka\" le kpɔɖeŋumɔ nu. Ne ame eve, siwo meɖe wo nɔewo o dɔ wo nɔewo gbɔ, si wogayɔna be agbe gbegblẽ nɔnɔ la, woawo hã wozua \"ŋutilã ɖeka\"—gake esia ya nye nu makɔmakɔ le Mawu ŋku me. * Gawu la, nuwɔna sia menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o. Nu ka tae míegblɔe nenema ɖo?—Marko 10:7-9; Korintotɔwo I, 6:9, 10, 16.\nSusu siwo tae dometɔ ɖekae nye be agbe gbegblẽ nɔnɔ nye gbɔdɔdɔ le ame eve siwo metsɔ wo ɖokui na wo nɔewo ŋutɔŋutɔ o dome. Eye tsɔ kpe ɖe ale si wòaklo bubu ɖa le ame ŋu ŋuti la, ate ŋu ahe dɔléle, fu si womele mɔ kpɔm na o, kple seselelãme nuxaxa vɛ. Vevietɔ wue nye be enye dada le Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi. Eya ta agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ame aɖe fia be wometsɔ ɖeke le amea ƒe fifi alo etsɔ me nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ me o.\nKristotɔ nyae be agbe gbegblẽ nɔnɔ nye ye nɔviŋutsu alo ye nɔvinyɔnu gbɔgbɔmetɔ ƒe gomenɔamesiwo xɔxɔ le esi hã. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-6) Le kpɔɖeŋu me, ame siwo gblɔna be Mawu subɔlawo yewonye hafi va dɔ kple ame aɖe si menye wo srɔ̃ o la hea makɔmakɔnyenye vaa Kristo-hamea me. (Hebritɔwo 12:15, 16) Eye wowɔnɛ be tenɔnɔ dzadzɛ meganɔa ame si wonɔ agbe gbegblẽa kplii la si o, eye ne tree wònye la, ekema manye ɖetugbi si le dzadzɛ le agbenɔnɔ gome hafi ɖewohĩ ame aɖe nava ɖee le etsɔ me o. Wowɔa nu gbegblẽ ɖe woƒe ƒomeawo ŋu hegblẽa ŋkɔ nyui si le ƒomeawo ŋu la hã. Mlɔeba la, woƒe nuwɔnaa nye bubumademade Mawu ŋu, elabena wodoa dziku na eyama to dada le eƒe se kple gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi me. (Psalmo 78:40, 41) Yehowa hã ahe to na ame matrɔdzime siwo wɔa nu gbegblẽ siawo. (Tesalonikatɔwo I, 4:6) Ekema ɖe eme mekɔ be Biblia gblɔ na mí be \"[míasi] le ahasiwɔwɔ nu\" oa?—Korintotɔwo I, 6:18.\nLɔlɔ̃nya le mia kple ame aɖe dome, eye miele ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋua? Ekema ɖe manyo be miazã ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi sia atsɔ atu kakaɖedzi kple bubu ɖo ɖe mia nɔewo me oa? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ŋutsu aɖe mete ŋu ɖua eɖokui dzi o la, ɖe nyɔnu ate ŋu aka ɖe edzia? Eye ne nyɔnu aɖe gbe Mawu ƒe se dzi wɔwɔ kple susu be yeaɖi kɔ na seselelãme si le ye me ɖe ŋutsu aɖe ŋu, alo be yeadze ŋutsua ŋu la, ɖe wòanɔ bɔbɔe na ŋutsua be wòade asixɔxɔ kple bubu eŋua?\nÐo ŋku edzi hã be ame siwo gbea Mawu ƒe dzidzenu siwo me lɔlɔ̃ le la aŋe nu si woƒãna la. (Galatiatɔwo 6:7) Biblia gblɔ be: \"Ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.\" (Korintotɔwo I, 6:18; Lododowo 7:5-27) Nyateƒee, ne ŋutsu kple nyɔnu siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la trɔ dzime ŋutɔŋutɔ, dze agbagba vevie dzra woa kple Mawu dome ɖo, eye wodo ŋusẽ woƒe kaka ɖe nɔewo dzi la, ekema seselelãme manyomanyo siwo nɔ wo me la nu ava bɔbɔ mlɔeba. Ke hã, agbe si wonɔ va yi la ƒe abikpa nɔa wo ŋu godoo. Ðekakpui kple ɖetugbi aɖe si nɔ agbe gbegblẽ hafi va ɖe wo nɔewo la gblɔ be nu si yewowɔ la vea yewo ŋutɔ. Ŋutsua biaa eɖokui ɣeaɖewoɣi be: 'Ðe wòanye be, le mɔ aɖe nu la, agbe makɔmakɔ si míenɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea tae masɔmasɔwo ɖoa mía dome ɖoa?'\nLɔlɔ̃ Vavãtɔ Media Eɖokui Tɔ O\nTogbɔ be lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ŋu ana ŋutsu kple nyɔnu ƒe nu nalé dzi na wo nɔewo hã la, \"mewɔa nusi medze o,\" eye \"media ye ŋutɔ tɔ o.\" (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Ke boŋ enana ame tsɔa ɖe le ame evelia ƒe nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ me. Lɔlɔ̃ sia ʋãa ŋutsu kple nyɔnu wodea bubu wo nɔewo ŋu, eye wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ me le teƒe si sɔ nɛ, si Mawu dae ɖo la—si nye le srɔ̃ɖeba dzi ko.—Hebritɔwo 13:4.\nKakaɖeamedzi kple dedienɔnɔ, si naa dzidzɔ vavãtɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me la le vevie ne srɔ̃tɔawo dzi vi, elabena Mawu ɖoe be woahe ɖeviwo le aƒe si me lɔlɔ̃, dzidzeme, kple dedienɔnɔ le. (Efesotɔwo 6:1-4) Ame siwo ɖe wo nɔewo koe tsɔ wo ɖokui na wo nɔewo ŋutɔŋutɔ. Woɖonɛ le woƒe dzime be yewoalé be na yewo nɔewo ahado alɔ yewo nɔewo le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me le yewoƒe agbe me ŋkeke mamlɛawo me, eye woɖenɛ gblɔna enuenu hã.—Romatɔwo 7:2, 3.\nGbɔdɔdɔ si yia edzi le ame kple srɔ̃a dome la ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea navivi. Le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le me la, srɔ̃tɔawo sea vivi geɖe wu le gbɔdɔdɔ me, eye wodea asixɔxɔ eŋu—womeɖia gbɔ srɔ̃ɖeɖoɖoa, wɔa nu si ana dzitsinya naɖe fu na wo, alo gbea toɖoɖo wo Wɔla o.—g11\/06.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Aleke Mawu bua gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖee?—Korintotɔwo I, 6:9, 10.\n▪ Nu ka tae agbe gbegblẽ nɔnɔ gblẽa nu le ame ŋu?—Korintotɔwo I, 6:18.\n▪ Aleke ame eve siwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo la ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ afiae?—Korintotɔwo I, 13:4, 5.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 9 Helagbe me nya si gɔme woɖe be \"agbe gbegblẽ nɔnɔ\" la ku ɖe gbɔdɔdɔ me nuwɔna ɖe sia ɖe si me ame siwo meɖe wo nɔewo o la kpɔ gome le, si me wozã vidzinuwo le, ne nu mee woƒo vidzinuawo ɖo hã.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2004, axa 13, si Yehowa Ðasefowo ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200701\/%C3%90e-%C5%8Autsu-Kple-Ny%C9%94nu-Dome-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Na-Gb%C9%94d%C9%94d%C9%94-Do-%C5%8Ag%C9%94-Na-Sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-S%C9%94a\/","date":"2020-11-24T13:06:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176256.21\/warc\/CC-MAIN-20201124111924-20201124141924-00295.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977207184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977207183837891}","num_words":1215,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋɔdzinuwɔwɔ—Enu Ava Yi Kpuie!\nBƆS si le Jerusalem, dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe si le Oklahoma City, alo dziƒoxɔ si le Moscow, teƒe siawo katã ate ŋu anye afisiwo ŋɔdzinuwɔlawo tɔ ŋkui dometɔ aɖewo. Togbɔ be ewɔna abe ɖe ŋɔdzinuwɔlawo dina be yewoagblɔ gbedasi sẽŋu aɖe na dunyahelawo, asrafomegãwo, gaŋutiɖoɖowɔlawo hã la, zi geɖe la, ewɔna abe ɖe kadodo aɖeke mele woƒe taɖodzinu kple nusi wova gblẽna dome o ene. Le nudzɔdzɔ geɖe me la, dumevi dzrowo—amesiwo gbɔ ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nya aɖeke metsɔ o—koŋ ŋue wogblẽa nu le. Ke nukae naa aglãdzelawo wɔa ŋɔdzinu siawo?\nNukatae Wowɔa Ŋɔdzinuwo?\nŊɔdzinuwo nye nusiwo wobua wɔna, nusiwo ŋu wobu nyuie, eye wowɔ ɖoɖo le wo ŋu. Menye ame gbogbo siwo wowuna kple amesiwo ŋu wodea abii koŋue nyea woƒe taɖodzinu o. Ʋukɔkɔɖi gã siawo nyea mɔ siwo dzi wotona ɖoa woƒe taɖodzinu gbɔ, wowɔnɛ be dzidzi naƒo amewo eye vɔvɔ̃ nalé wo hetsɔ gbleã dziɖuɖua ŋu ale be woase yewoƒe nya na yewo. Bu nusiwo tae ŋɔdzinuwɔlawo wɔa ŋutasẽnu siawo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.\nFuléle. United States ƒe Nyagɔmekuha ƒe tatɔ Louis J. Freeh gblɔ be: \"Fulélee . . . hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ. Xexe si me akpaɖekadzidede, tamevɔ̃ɖoɖo, kple numanyamanya xɔ aƒe ɖoe kpɔa ŋusẽ ɖe fuléamela mawo dzi.\"\nAmeteteɖeanyi. Stephen Bowman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye When the Eagle Screams me be: \"Ƒuƒoƒo kple dukɔ aɖewo kplɔlawo li siwo ƒe taɖodzinu siwo me susu mele o ye nye be yewoatsrɔ̃ dukɔ bubuwo. Gake eganye nyateƒe hã be mɔkpɔkpɔbuɖeamee hea ŋɔdzinuwɔwɔwo dometɔ geɖe vɛ.\"\nDziɖeleameƒo. Agbalẽ si nye Urban Terrorism me tola gblɔ be: \"Le nudzɔdzɔ geɖe me la, . . . dunyahehe, hadomeɖoɖo, kple ganyawo ƒe ɖoɖo siwo womate ŋu atrɔ o ƒe dziɖeleameƒo ŋutɔŋutɔe nye nusi koŋ naa ŋɔdzinuwɔlawo wɔa woƒe ŋɔdzinuwo.\"\nMadzɔmadzɔnyenye. Michael Shimoff gblɔ le nyati aɖe si wòŋlɔ si ƒe tanyae nye \"Ŋɔdzinuwɔlawo ƒe Dɔwɔmɔnu\" me be: \"Kuxi aɖe ƒe dzesie ŋɔdzinuwɔwɔ nye, ke menye eyae nye kuxia tsoƒe ŋutɔŋutɔ o.\" Eyi edzi be: \"Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míaɖe hadome kple dunyahehe nuwɔna siwo hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ la ɖa. . . . Esi míeho aʋa ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu la, ele hã be míadze agbagba vevie nenema ke be míaɖɔ ablɔɖemenɔnɔ, asixɔxɔdedeameŋu, dzɔdzɔenyenye, kple gɔmeɖose siwo ku ɖe dɔmenyonyo ŋu la ɖo. Ne agbagbadzedze vevi mawo kpɔ dzidzedze ko hafi míate ŋu akpɔ ta na agbagba siwo míedzena be míaɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ɖa.\"\nNusiwo gbɔ ŋɔdzinuwɔwɔ tso kple ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe ŋutinya ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenya sia dzi, be: \"Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e\" la dzi. (Nyagblɔla 8:9) Biblia gblɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo he ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ la gɔ̃ hã ɖi do ŋgɔ. Egblɔ be: \"Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.\"—Timoteo II, 3:1-4.\nNyateƒe si le nyaa me enye be, aleke ke amegbetɔwo dze agbagba anukwaretɔe be yewoaɖe nusiwo hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ ɖa o, womate ŋu aɖe nusiwo gbɔ wòtsona la ɖa avɔ keŋkeŋ o. Nyateƒee Biblia to esi wògblɔ be: \"Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.\" (Yeremya 10:23) Gake togbɔ be amegbetɔ mate ŋu aɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ɖa o hã la, kakaɖedzitɔe la, eɖeɖeɖa megbɔ Mawu ƒe ŋutete ŋu o.\nEgbɔkpɔnua\nAmesiwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo alo wote ɖe anyi eye dzi ɖe le wo ƒo la ate ŋu akpɔ akɔfafa le Biblia ƒe ŋugbedodo lédziname sia me, be: \"Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.\"—Lododowo 2:21, 22.\nMawu ƒe ŋugbedodo sia ava eme kpuie. Eƒe Dziɖula, Fia Yesu Kristo si le fia ɖum fifia lae awɔ nusia. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ ku ɖe Kristo ŋu be: \"Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.\"—Yesaya 11:3, 4.\nẼ, Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, aɖe madzɔmadzɔnyenye kple amesiwo henɛ vɛ la ɖa kpuie. Le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me la, ŋɔdzinuwɔwɔ kple ŋutasesẽ ƒomevi ɖesiaɖe azu gbaɖegbenyawo. Ɣemaɣi amesiame anɔ ŋutifafa me esime vɔvɔ̃ na ŋutasesẽ maganɔ anyi o.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]\nBiblia do ŋugbe be Mawu aɖe ameteteɖeanyi kple madzɔmadzɔnyenye ɖesiaɖe ɖa kpuie","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010608\/%C5%8A%C9%94dzinuw%C9%94w%C9%94-Enu-Ava-Yi-Kpuie\/","date":"2020-11-30T11:25:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141213431.41\/warc\/CC-MAIN-20201130100208-20201130130208-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983986616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983986616134644}","num_words":743,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nAme kawoe nye agbalẽfiala siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu?\nLe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, edo go agbalẽfialawo le Yerusalem kpakple du viwo kple kɔƒeduwo me. Le du siwo ƒo xlã Yerusalem—kple Yudatɔwo ƒe nuto siwo le Palestina dua godo gɔ̃ hã—me la, agbalẽfiala siawo nyea dumegã siwo mexɔ ŋkɔ boo o, siwo bi ɖe Mose ƒe Sea me, eye woanya wɔ dɔ abe nugbugbɔgaŋlɔlawo alo nutomeʋɔnudrɔ̃lawo ene.—Marko 2:6; 9:14; Luka 5:17-21.\nLe Yerusalem dua ŋutɔ me la, agbalẽfialawo nye ame siwo wɔa dɔ aduadu kple Yudatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo. (Mateo 16:21) The Anchor Bible Dictionary gblɔ tso dɔ si wowɔna ŋu be, \"edze abe wonye ame siwo kpena ɖe nunɔlawo ŋu le ʋɔnudrɔ̃nyawo kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi kple sewo ŋuti nyawo gbɔ kpɔkpɔ, kpakple dɔ bubu siwo wowɔna le Sanhedrin la me gbe sia gbe la me ene.\" Esi agbalẽfiala siawo nye Mose ƒe Sea fiala xɔŋkɔwo ta la, wo dometɔ aɖewo anya nye Sanhedrin, alo Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, la me tɔwo. Wowɔ dɔ aduadu kple nunɔlagãwo kple Farisitɔwo.\nZi geɖe la, nya siwo wogblɔna tso agbalẽfialawo ŋu la ɖenɛ fiana be wotsi tsitre ɖe Yesu kple eƒe nufiafiawo ŋu. Ke hã, wo dometɔ aɖewo metsi tsitre ɖe eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu be: \"Madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.\" Yesu ŋutɔ gblɔ na wo dometɔ bubu be: \"Mèle adzɔge tso Mawu fiaɖuƒe la gbɔ o.\"—Mateo 8:19; Marko 12:28-34.\nNu kae wòfia be ame aɖe nye amesiamina?\nLe ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la, ami kɔkɔ ɖe tame na ame le Titina Ɣedzeƒe nutowo me nyea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amea ŋu alo amedzrowɔwɔ nɛ ƒe dzesi. Zi geɖe la, enyea amitimi si ŋu wotrɔ asi le wòʋẽna lilili. Hebritɔwo hã kɔa ami ɖe ta na ame, alo sia ami nɛ, nenye be woɖoe ŋusẽnɔƒe tɔxɛ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, wokɔ ami ɖe Aron ƒe tame wòzu amesiamina esime wonɔ eɖom nunɔlagãe. (3 Mose 8:12) Le Fia David gome la, 'Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbe ma gbe.'—1 Samuel 16:13.\nLe Hebrigbe me la, nya si wozãna na amisisi na ame wòazu amesiamina lae nye ma·shachʹ, si me woɖe nya ma·shiʹach, alo Mesia tso. Nya si wozãna nɛ le Helagbe me lae nye khriʹo, si me woɖe nya khri·stosʹ, alo Kristo tso. Eya ta woate ŋu ayɔ Aron kple David siaa be mesia, alo amesiamina. Woyɔ Mose hã be kristo, alo amesiamina, le gɔmesesea nu be Mawu tiae be wòanye ye teƒenɔla.—Hebritɔwo 11:24-26.\nMawu ŋutɔ ɖo Yesu, Nazaretetɔ la, ŋusẽnɔƒe gã aɖe. Yesu nye amesiamina; gake menye ami ŋutɔŋutɔe wosi nɛ o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae wotsɔ si ami nɛ. (Mateo 3:16) Esi Yesu nye Yehowa ƒe Amesiamina tiatia ta la, esɔ nyuie ŋutɔ be woyɔe be Mesia la, alo Kristo.—Luka 4:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090801\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-11-29T14:06:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141198409.43\/warc\/CC-MAIN-20201129123729-20201129153729-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985405207,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985405206680298}","num_words":465,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Robɔt-wɔlawo le dɔwɔnuwo tom vɛ siwo akpe ɖe ɖɔktawo ŋu be woawɔ dɔ le teƒe siwo xaxa le ametia me eye woazã amekomɔnu siwo me womade abi ame ŋu fũu le o. Nu siwo wosrɔ̃ tso bosrã ƒe alɔ siwo bɔbɔ hetea ŋu xatsana bɔbɔe ŋu la le kpekpem ɖe wo ŋu be woato nu yeyewo vɛ le amekomɔnu sia ŋu dɔ wɔwɔ me.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Bosrã tea ŋu zãa eƒe alɔ enyi siwo bɔbɔ siwo me wòtea ŋu hena bɔbɔe la tsɔ hea nu, léa nu alo mianɛ, le teƒe siwo xaxa gɔ̃ hã. Menye ɖeko wòtea ŋu xatsana eƒe alɔwo yia go sia go me ko o, ke etea ŋu nana eƒe alɔwo ƒe akpa vovovowo liana hã ne ehiã be wòawɔe nenema.\nNumekulawo xɔe se be robɔt ƒe alɔ siwo bɔbɔ hexana bɔbɔe abe bosrã tɔ ene la aɖe vi ŋutɔ le amekomɔnu siwo me womedea abi ame ŋu le fũu o la ŋu dɔ wɔwɔ me. Dɔwɔnu sia ƒomevi ate ŋu awɔe be woako dɔnɔwo evɔ womazã amekomɔnu siwo ŋu dɔ wɔwɔ sesẽ akpa o.\nKpɔ ale si bosrã ƒe alɔ siwo tea ŋu xana bɔbɔe la le ɖa\nWowɔ robɔt ƒe alɔ sia tɔgbi xoxo eye wole edom kpɔ hafi ava zãe le amewo koko me. Robɔt la ƒe alɔ ƒe akpa ɖeka si ƒe didime le milimeta 135 la tea ŋu léa dɔmenu siwo bɔbɔ eye wòkɔa wo yia dzi vie evɔ megblẽa nu le wo ŋu o, eye alɔa ƒe akpa bubu wɔa dɔ le dɔmenu si ŋu wòhiã be woawɔ dɔ le la ŋu. Agbalẽnyalagã Tommaso Ranzani, si nye ame siwo to dɔwɔnua vɛ dometɔ ɖeka, gblɔ be, \"míexɔe se be dɔwɔnu sia aʋu mɔ na dɔwɔnu yeye siwo de ŋgɔ wu la wɔwɔ.\"\nNu kae nèsusu? Ðe bosrã ƒe alɔwo dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/%C9%96e-wow%C9%94ea\/bosr%C3%A3-%C6%92e-al%C9%94wo\/","date":"2020-11-27T03:17:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00676.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985713363,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985713362693787}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\nAleke míawɔ atsi aɖea mazamazã nyuie ƒe dzoa nu?\nEle be míadzro míawo ŋutɔwo ƒe dzi me kpɔ. Le esi míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe nɔvi aɖe ŋu teƒe la, ɖe manyo be míade ŋugble tso nu si tae míeƒoa nu tsia tre ɖe eŋu la ŋu boŋ oa? Ðe wòanye be míele nu ƒom le tsitre tsim ɖe eŋu ne míaɖee afia be míenyo wuia? Gawu la, nuwɔwɔ alea ate ŋu ana nɔnɔmea nanyra ɖe edzi.—8\/15, axa 21.\nAleke Sea ɖe ale si Mawu bua nyɔnuwoe fia?\nAblɔɖe geɖe nɔ Israel nyɔnuwo si, eye wonaa hehe wo. Wodea bubu wo ŋu, eye wokpɔ woƒe gomenɔamesiwo ta.—9\/1, axa 5-7.\nEsi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la, nudzɔdzɔ kawoe le ŋgɔ gbɔna?\nWoado \"Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!\" ƒe ɣli. Dukɔwo adze Babilon Gã la dzi eye woatsrɔ̃e. Woadze Mawu ƒe amewo dzi. Harmagedon ʋa la adzɔ, eye esia megbe la, woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe aʋli me.—9\/15, axa 4.\nAleke ɣeyiɣi si nuwuwua ava la manyamanya ɖea vi na mí?\nŊkeke alo gaƒoƒo la manyamanya nana míeɖea nu si le míaƒe dzi me fiana. Enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. Enana wònɔa bɔbɔe na mí be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo anyi na Mawu subɔsubɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu, eye ekpena ɖe mía ŋu míekana ɖe Mawu dzi bliboe, eye wònana hã be míedzea agbagba vevie wɔa eƒe Nya la ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, enana míesrɔ̃a nu tso dodokpɔwo me eye míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse.—9\/15, axa 24-25.\nAleke míate ŋu azã 1 Mose 3:19 atsɔ ade ŋugble kple ame si xɔ dzo mavɔ dzi se?\nKpukpuia gblɔ be ne Adam ku la, agbugbɔ ayi anyi me, ke menye be ayi ɖe dzo mavɔ me o.—10\/1, axa 13.\nAme kawoe \"ɣletivi adre\" siwo le Yesu ƒe nuɖusi me siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 1:16, 20 la le tsitre ɖi na?\nWole tsitre ɖi na dzikpɔla amesiaminawo, eye ne míekekee ɖe enu la, elɔ dzikpɔla siwo katã le hameawo me ɖe eme.—10\/15, axa 14.\nNu kae ƒome aɖe awɔ ne fe le wo ŋu?\nEle be atsu kple asia nadi ɣeyiɣi aƒo nu tso fe si wonyi la ŋu faa le tufafa me. Anyo be woabu woƒe gazazã ŋu ahawɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Ðe woate ŋu adzi ga si wokpɔna la ɖe edzi alo aɖe ƒomea ƒe gazazã dzi kpɔtɔa? Ele be woade ŋugble le ɖoɖo si nu woaxe fe siwo le wo ŋu la ŋu, ɖewohĩ woaƒo asia kple ame siwo ŋu wonyi fea le. Gake ele be woada asɔ, ganyawo megaxɔ nɔƒe vevitɔ o. (1 Tim. 6:8)—11\/1, axa 19-21.\nAleke Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 50:4, 5 fiae?\nKpukpui mawo gblɔ be ame si si \"nusrɔ̃viwo ƒe aɖe\" le la, 'masẽ to o.' Yesu bɔbɔ eɖokui ɖe anyi eye wòlé to ɖe nu si Fofoa fiae ŋu. Yesu di vevie helɔ̃ faa be Yehowa nafia nu ye, eye wòlé ŋku ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi le nublanuikpɔkpɔ na amegbetɔ nu vɔ̃ mewo me ŋu.—11\/15, axa 11.\nAleke Estonia ŋkuɖodzi lɛtakotokudzigbalẽvi aɖe ɖo kpe Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi dzi?\nLe ƒe 2007 me la, Estonia Posudɔwɔƒea ɖe ŋkuɖodzi lɛtakotokudzigbalẽvi yeye ɖe go, be woatsɔ aɖo ŋku ame ƒomevi vovovo siwo wowu le Estonia le Stalin ƒe dziɖuɖua te la dzi. Xexlẽdzesi 382 dze le edzi, eye esia nye Ðasefowo kple wo vi siwo woɖe aboyoe le ƒe 1951 me yi dɔsesẽwɔsaɖawo me le Russia ƒe nuto saɖeagawo me la ƒe xexlẽme.—12\/1, axa 27-28.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20121215\/%C3%A8%C9%96o-%C5%8Bku-wo-dzia\/","date":"2021-01-27T21:15:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610704832583.88\/warc\/CC-MAIN-20210127183317-20210127213317-00720.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985693097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985693097114563}","num_words":605,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wowɔ ŋutasẽnu ɖe wò ŋutɔ alo wò ƒometɔ aɖe ŋu kpɔa? Ðe nèvɔ̃na be ate ŋu adzɔ be woawɔ ŋutasẽnu ɖe ye ŋua? Wogblɔ tso ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu be enye \"kuxi aɖe si le gã dom ɖe edzi le xexea me godoo.\" Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.\nŊUTASESẼ LE ƑOMETƆWO ŊU KPLE NYƆNUWO GBƆ DƆDƆ SESẼE: Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be: \"Nyɔnu ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me ƒe srɔ̃ŋutsu alo eƒe ahiãvi ƒoe alo dɔ egbɔ sesẽe kpɔ.\" Nublanuitɔe la, \"wobu akɔnta be le xexea me godoo la, wodɔ nyɔnu ɖeka le atɔ̃ ɖe sia ɖe me gbɔ sesẽe loo alo wotee kpɔ be woadɔ egbɔ sesẽe.\"\nNU VLO WƆWƆ LE ABLƆDZI: Woka nya ta be le United States la, nuvlowɔha 30,000 kple edzivɔ gale dɔ dzi. Le Latin America la, akɔntabubuwo ɖee fia be ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me kloe gblɔ be wodze ye dzi tagbɔsesẽtɔe kpɔ.\nAMEWUWU: Wobu akɔnta be wowu ame akpe alafa atɔ̃ kloe le ƒe ɖeka me nyitsɔ laa, si fia be wosɔ gbɔ wu ame siwo ku le aʋawɔwɔ me le ƒe ma me. Dukɔ siwo le Anyiehe Afrika kple Titina Amerika la me koŋue wowu amewo le wu. Le mama dedie nu la, ame siwo wowu le dukɔ mawo me la sɔ gbɔ wu xexea tɔ teƒe ene. Le ƒe ɖeka me la, ame siwo wowu le Latin America dukɔwo me la sɔ gbɔ wu 100,000, eye wowu ame siwo ade 50,000 sɔŋ le Brazil ɖeɖe dzaa. Ðe woate ŋu akpɔ ta na ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe kuxia keŋkeŋua?\nÐE WOATE ŊU ATSI ŊUTASẼNUWƆWƆ NUA?\nNu ka tae ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖo? Wode dzesi nu vovovo siwo gbɔ wòtsona, siwo dometɔ aɖewoe nye: vovototo gã si le gatɔwo kple ame dahewo dome, aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã, bubumademade ame bubuwo ƒe agbe ŋu, ame tsitsiwo ƒe nu vlo wɔwɔ le ɖeviwo ŋkume kple ale si wòdze abe womehea to na nu vlo wɔlawo o ene.\nEle eme be wolé ŋutasẽnuwɔwɔ nu vie le dukɔ aɖewo me ya. Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le Brazil ƒe dugã, São Paulo, si me amewo sɔ gbɔ ɖo me la, amewuwu dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 80 le ƒe ewo siwo va yi me. Ke hã, ŋutasẽnuwɔwɔ geɖe gale edzi yim le dugã ma me, eye le akɔntabubu nu la, wowua ame 10 le ame 100,000 ɖe sia ɖe me. Ekema nu kae ana ŋutasẽnuwɔwɔ nu nayi keŋkeŋ?\nBe ŋutasẽnuwɔwɔ nu nayi keŋkeŋ la, ele be amewo natrɔ woƒe nɔnɔme kple woƒe agbenɔnɔ. Hafi nu vlo wɔlawo natrɔ la, ele be woaɖe asi le nɔnɔmewo abe dada, ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ene ŋu, eye woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ ame, ade bubu ame ŋu ahatsɔ ɖe le eme na amewo.\nNu kae aʋã ame be wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ nenema? Bu nya si Biblia gblɔ ŋu kpɔ:\n\"Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi.\"—1 Yohanes 5:3.\nLɔlɔ̃ na Mawu kple vɔvɔ̃ be yeawɔ nu si madze eŋu o nye ameʋãnu si nu sẽ ale gbegbe be ate ŋu ana nu vlo wɔlawo gɔ̃ hã natrɔ woƒe agbenɔnɔ, eye tɔtrɔ sia menyea ameŋkumenuwɔwɔ o, ke boŋ wotrɔa woƒe amenyenye bliboa. Ðe esia dzɔna ŋutɔŋutɔa?\nBu Alex * ŋu kpɔ. Enɔ gaxɔ me le Brazil ƒe 19 le ŋutasẽnuwɔwɔ vovovowo ta. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplii, eye le ƒe 2000 me la, eya hã va zu Ðasefo. Ðe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃, eye etena ɖe Alex dzi vevie be yewɔ nu gbegblẽ mawo katã va yi. Egblɔ be: \"Meva lɔ̃ Mawu le esi wòna mekpɔe be yetsɔ nye nu vɔ̃wo kem keŋkeŋ ta. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si wòwɔ nam ŋu na metrɔ nye mɔwo.\"\nCésar si hã le Brazil la nye fiafitɔ kple adzodala va yi. Enɔ agbe ma ƒe 15 sɔŋ. Nu kae na wòtrɔ? Esime wònɔ gaxɔ me la, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplii. César gblɔ be: \"Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ meva kpɔe be taɖodzinu le nye agbe ŋu. Meva lɔ̃ Mawu. Mesrɔ̃ ale si mavɔ̃e hã, si fia be mevɔ̃na be magatrɔ ɖe agbe si menɔ tsã la ŋu, elabena esia wɔwɔ ave Yehowa. Nyemedi be mawɔ nu si afia be nyemekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amenuvevea ŋu o. Lɔlɔ̃ kple mawuvɔvɔ̃ mae ʋãm be matrɔ nye agbenɔnɔ.\"\nNu kae ŋutinya eve mawo fia mí? Ena míekpɔe be ŋusẽ le Biblia me nyawo ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, elabena etrɔa ale si wobua tamee. (Efesotɔwo 4:23) Alex, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ kpee be: \"Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la le ko abe tsi nyui si tsra to nye ameti bliboa me hekpala susu vɔ̃wo ɖa le ta me nam vivivi va se ɖe esime ŋunye kɔ keŋ ene. Nyemesusui kpɔ be mate ŋu ava ɖe asi le nu mawo ŋu o.\" Ɛ̃, ne míena Biblia me nyawo xɔ susu me na mí la, ate ŋu akɔ mía ŋu tso nu baɖa wɔwɔ me. Mawu ƒe Nyaa tea ŋu nana ame ŋu dzana. (Efesotɔwo 5:26) Esia wɔnɛ be ame siwo nye tagbɔsẽlawo kple ɖokuitɔdilawo la tea ŋu trɔna va zua nyuiwɔlawo kple ŋutifafamewo. (Romatɔwo 12:18) Wonɔa anyi le ŋutifafa me le esi wowɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ta.—Yesaya 48:18.\nYehowa Ðasefo miliɔn enyi kple edzivɔ siwo le dukɔ 240 me la va ke ɖe nu si ana nu vlo wɔwɔ nu nayi keŋkeŋ la ŋu. Ame ƒomevi vovovo siwo tso dukɔ vovovowo me la va srɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawu ahavɔ̃e kple ale si woalɔ̃ wo nɔewo ahanɔ anyi le ŋutifafa me abe ƒome ɖekae wonye ene le xexea me godoo. (1 Petro 4:8) Ŋutifafa si le wo dome la ɖoa kpe edzi be anya wɔ be míanɔ xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ manɔ o la me.\nXEXE SI ME ŊUTASẼNUWƆWƆ MANƆ O TU AƑE!\nBiblia do ŋugbe be Mawu ava tsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu le anyigbaa dzi kpuie. Eteƒe madidi o, Mawu ana \"ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke la\" nava xexe sia me ŋutasẽnuwɔlawo dzi. (2 Petro 3:5-7) Ame aɖeke magakpe fu le ŋutasẽnuwɔlawo si me o. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu di be yeade asi nyaa me atsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no4-2016-july\/xexe-%C5%8Butas%E1%BA%BDnuw%C9%94w%C9%94-man%C9%94-o\/","date":"2021-03-09T04:59:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178385984.79\/warc\/CC-MAIN-20210309030723-20210309060723-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977357984,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977357983589172}","num_words":1014,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nƲu kɔkɔe la le dzidzim ɖaa\nTso vudo gbagbe me.\nVudo sia wɔa nukunuwo,\nYɔa dɔ sia dɔ vavã.\nStanza 2\nYesu ƒ'a-bi nye vudo sia,\nNye ŋku anɔ edzi.\nYesu kɔ eƒe ʋu ɖ'a-nyi,\nEwɔm mekpɔ agbe.\nStanza 3\nAdzodala l'a-ti ŋu hã\nKpɔ vudo nyui sia ɖa;\nƲu kɔkɔe sia wɔe dzadzɛ keŋ,\nKplɔe yi ɖe dziƒo ke.\nStanza 4\nMawuvi, wò ʋu kɔkɔe la\nGale ŋusẽ kpɔm ɖaa.\nNa wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe nyui la,\nNatrɔ mía dzi me keŋ!\nStanza 5\nEsi menɔ nu vɔ̃ me tsã,\nYesu ƒe ʋu la ɖem;\nEya ta makafu ʋu ma,\nSi wɔ nu gã sia nam.\nStanza 6\nVavã, Yesu ƒe ʋu kɔkɔe\nAnye mía dzidzɔ ɖaa;\nAnye mía hadzidzi kɔkɔe,\nSe ɖe si míakpɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-53\/","date":"2021-03-06T05:38:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178374391.90\/warc\/CC-MAIN-20210306035529-20210306065529-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990540147,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990540146827698}","num_words":122,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 5 va se ɖe September 1, 2019 la le tata sia me.\nSatana bi ɖe amefuflu me ŋutɔ. Aleke wòdzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi ahana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?\nNu siwo me míeto le agbe me, míaƒe dekɔnuwo, hehe si míexɔ kple míaƒe sukudede siaa kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Aleke míawɔ aɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo \"li ke sesĩe\" le mía me la ŋu?\nNe nu te ɖe mía dzi ɣeyiɣi didi la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ametia kple míaƒe seselelãme siaa ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla siwo nɔ anyi le blema la ŋu wote ŋu do dzi le xaxawo me la me.\nLot, Hiob, kple Naomi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, ke hã, ehiã be woado dzi le xaxa siwo va wo dzi la me. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me woto la me?\nMɔ̃ si nye amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ la ɖe Mawu subɔla geɖe. Aleke míate ŋu aƒo asa na nuwɔna makɔmakɔ sia?\nLe ƒe 1970 me la, tomenukulawo ke ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe si dzo fiã la ŋu le Israel. Wova zã mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si woyɔna be 3-D tsɔ ke agbalẽ xatsaxatsaa ƒe foto si le kɔmpiuta dzi. Nu kae esia ɖe fia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2019\/","date":"2021-02-26T23:57:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178358033.38\/warc\/CC-MAIN-20210226234926-20210227024926-00165.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971860647,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971860647201538}","num_words":218,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.317,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMawu, nye Mawu léa be nam;\nNu ka ta mafa konyi?\nEtsɔa nu si sesẽ nam la,\nDana ɖe eɖokui dzi.\nNe nye nu vɔ̃\nVem ŋutɔ la,\nMawu agave nunye,\nAna ŋuifafam ɖaa ko.\nStanza 2\nMawu nyea akpoxɔnu nam\nLe dziyaƒoƒo gã me.\nNe abosam le fu ɖem nam\nKple 'ƒe ŋusẽ katã hã,\nMawu ŋusẽ\nTe ko mele;\nEƒe ŋɔdzidodowo\nMaɖe dzi le ƒonye o.\nStanza 3\nMawu, nye dzo, si klẽna nam\nLe nye mɔwo katã dzi;\nEwɔa nu dzɔtsu geɖe nam,\nKplɔam to fu kple dzidzɔ me.\nEƒe nya nye\nNye ɣletivi,\nSi nɔa keklẽm nam nyuie ɖaa\nLe viviti katã me.\nStanza 4\nMawu enye nye kpe gbadzaa,\nSi dzi metsi tre ɖo ɖaa.\nNe towo mu dz'a-nyi hã la,\nNyemadz'a-nyi akpɔ o.\nNe ƒu gblẽ keŋ\n'Ye wòdz'a-gbo,\nYa nyama nye seke hã,\nNye ʋu manyrɔ akpɔ o.\nStanza 5\nMawu, nye gome dzea ŋunye,\nNu nyui aɖeke mehiãm o.\nNu ka ta matsi dzimaɖi\nAtsi dzodzodzoe dzro ko?\nAme si si\nMawu le la,\nKpɔa kesinɔnu gãtɔ\nL'a-fi sia kple dziƒo hã.\nStanza 6\nMawu ŋutɔ nye nye ɖela,\nSi ɖem to Via Yesu me.\nNye ɖela, si lɔ̃m vevie la,\nKpe fu heku ɖe tanye.\nDzidzenu la\nDzidzenam nyuie.\nNe mexɔ esia se la,\nNu ka lagblẽ nye ɖeɖe?\nStanza 7\nMawu, ŋunyebula yram ɖaa,\nNe amewo le dzuyem\nYe wole ɖiŋu dom nam hã,\nAva ve me gb'a-ɖe gbe\nBe nye Mawu\nAdrɔ̃ ʋɔnu.\nEkema woava dze si\nMawu ƒe dzɔdzɔenyenye.\nStanza 8\nMawu enye nye dɔyɔla,\nYɔa dɔm le dɔléle me.\nEya nye fofonye vavã,\nLéa be nam abe via 'ne.\nEƒe nya la\nGblɔ nam bena,\nNe amewo gblẽm ɖi hã,\nMawu anɔ kpakplim ɖaa.\nStanza 9\nMawu enye nu sia nu nam\nL'a-nyigba dzi kple dziƒo.\nMawu tre lɔlɔ̃ nam xoxo;\nNye hã malɔ̃e ɖe 'teƒe,\nAva se ɖe\nGbe si gbe ke\nMava kpɔ eƒe ŋkume,\nLe dzidzɔ manyagblɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-33\/","date":"2021-03-04T01:10:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178367949.58\/warc\/CC-MAIN-20210303230849-20210304020849-00385.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981130362,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981130361557007}","num_words":317,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 92\nStanza 1\nNye gbɔgbɔ, tɔ ɖ'a-fi sia ʋee,\nKpɔ nukunu gã sia ɖa!\nWò Aƒetɔ, fia gãtɔ la\nLe ƒefle l'a-ti kɔgo.\nEƒe lɔlɔ̃ gã la sɔŋ dɔe\nWòɖi tso Fofoa gbɔ va.\nStanza 2\nAle si wòlɔ̃ wò vevie,\nDze ƒã l'aɔ̃titsogaa ŋu.\nKpɔ ale si ku ƒe veve\nTo eyama me keŋ ɖa!\nKpɔ ƒe luʋɔ ƒe nuxaxa\nLe ku ƒe ŋɔdziwo me!\nStanza 3\nEsia nye nye nu vɔ̃ ƒe fe,\nNye xɔla xe ɖe tanye.\nFukpekpewo ƒe agba la\nTee ɖe to, nye xɔxɔ ta.\nWò fukpekpe ɖe tɔnye ɖa,\nBe makpɔ dzudzɔ mavɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-92\/","date":"2021-04-21T05:21:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961563349,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961563348770142}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nya nyui kae li ku ɖe ame kukuwo ŋu?\nEsi Yesu va ɖo Betania, afi si te ɖe Yerusalem ŋu la, exɔlɔ̃ Lazaro ku xoxo ŋkeke enee nye ema. Yesu kplɔ Marta kple Maria, siwo nye ame si ku la nɔvinyɔnuwo, ɖo yi afi si woɖi Lazaro ɖo. Eteƒe medidi o, amewo va ƒo zi ɖe teƒea. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi dzɔ Marta kple Maria esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la le susu mea?—Xlẽ Yohanes 11:21-24, 38-44.\nMarta nya nu tso nya nyui si ku ɖe kukuawo ŋu la ŋuti xoxo. Enyae be Yehowa afɔ ame kukuwo ɖe tsitre woagava nɔ agbe le anyigba dzi.—Xlẽ Hiob 14:14, 15.\n2. Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?\nAnyie wotsɔ mè amegbetɔwo. (1 Mose 2:7; 3:19) Menye gbɔgbɔ siwo do ŋutilã woe míenye o. Anyigbadzinuwɔwɔwoe míenye, eya ta míaƒe akpa aɖeke meyia edzi nɔa agbe le míaƒe ku megbe o. Ne míeku la, míaƒe susu dzudzɔa dɔwɔwɔ, eye míaƒe tamesusuwo nu yina. Eya ta esi wofɔ Lazaro ɖe tsitre la, megblɔ nya aɖeke si fia be ekpɔ nane teƒe le ku me o, elabena kukuawo meganyaa naneke o.—Xlẽ Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 6, 10.\nÐe Mawu wɔa funyafunya ame kukuwo le dzo mea? Esi Biblia gblɔ be kukuawo menya naneke o ta la, edze ƒãa be funyafunyawɔwɔ amewo le dzo mavɔ me nye alakpanufiafia si doa vlo Mawu. Fuwɔwɔ amewo le dzo me nye ŋunyɔ nɛ.—Xlẽ Yeremiya 7:31.\nKpɔ video si nye Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le?\n3. Ðe kukuawo ate ŋu aƒo nu na mía?\n4. Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre?\nWoafɔ ame kuku miliɔn geɖe siwo le yɔdowo me la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi. Woafɔ ame siwo menya Mawu o eye wowɔ nu vlowo la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Xlẽ Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15.\nMɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la si be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋuti nyateƒea ŋu ahaɖee afia be yewoxɔ Yesu dzi se to toɖoɖoe me. (Nyaɖeɖefia 20:11-13) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ siwo awɔ nu nyui la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Xlẽ Yohanes 5:28, 29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/m%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-kae-li-na-kukuawo\/","date":"2021-04-11T02:32:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038060603.10\/warc\/CC-MAIN-20210411000036-20210411030036-00216.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958364367,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958364367485046}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 134\nStanza 1\nKristo ƒe dziƒoyiyi ko\nNye tɔnye gɔmeɖoɖo.\nÐikeke, vɔvɔ̃ kple veve\nWo katã nu tsi azɔ.\nEsi ta la le dziƒo la,\nAva kplɔ ŋutinuwo hã\nAyi afima kaba.\nStanza 2\nEsime wòyi ɖe dziƒo\nXɔ ŋutikɔkɔe gã la,\nMate ŋu ayi ɖe dziƒo;\nDzudzɔ mele afi o.\nAfisi nye ɖela le la,\nFima ko nye hã manɔ ɖaa,\nAfima ko maɖo ta.\nStanza 3\nNye Aƒetɔ, na madze si\nWò amenuveve sia,\nBe maxɔ dziwò se vavã,\nEye madze yowòme.\nNe 'dze ŋuwò gbe ɖeka la,\nNa mava gbɔwò kple dzidzɔ!\nAƒetɔ, se nye gbe sia!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-134\/","date":"2021-04-21T06:02:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00427.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986341,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986340999603271}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖo Eƒe Dzidodo Teƒe Nɛ\nDzianukwaretɔ geɖe di be yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo nasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu bena woakpɔ dzidzɔ le agbe me. Ne ame aɖe tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu la, ame bubuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, anya to woƒe agbenyuinɔnɔ dzi wɔ akpa aɖe le amea ƒe nyametsotso nyui ma wɔwɔ me godoo. Nenemae wònɔ le Jearim, si nye nyɔnuvi ƒewuivi aɖe si le Mexico, si tsɔ lɛta si gbɔna la na le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ aɖe me, la gome:\n\"Medi be miakpɔ dzidzɔ kplim. Mina magblɔ nusitae na mi. Le ƒe wuienyi siwo va yi me, esime womekpɔ dzim haɖe o la, dzinyelawo srɔ̃ nyateƒea. Danye wɔ ŋgɔyiyi, eye emegbe mía kple fonye hã míewɔe. Mí katã míedoa gbe ɖa na Yehowa be fofonye hã nava nɔ agbemɔa dzi. Ƒe wuienyi va yi, eye egbea nye ŋkeke tɔxɛ aɖe na mí. Fofonye le nyɔnyrɔ xɔ ge. Meda akpe na Yehowa be mehe tsɔtsrɔ̃a vɛ hafi ŋkeke sia, si míekpɔ mɔ na ɣeyiɣi didi la, ɖo o. Yehowa, akpe na wò!\"\nÐikeke mele eme o be le ƒeawo me la, gɔmeɖose si tso gbɔgbɔ me si dze le Petro I, 3:1, 2 ƒe nuxlɔ̃ame la nɔ susu me na ɖetugbivi sia ƒe ƒomea, si gblɔ be: \"Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.\" Eye ɖikeke mele eme o be ɖetugbivi Jearim wɔ Mose V, 5:16 me nyawo dzi: \"Bu fofowò kple dawò, abe alesi Yehowa, wò Mawu, de se na wò ene.\" Ðikeke mele eme o be gɔmeɖose mawo ŋudɔwɔwɔ kpakple Yehowa sinu kpɔkpɔ dzigbɔɖitɔe he yayrawo vɛ na Jearim kple eƒe ƒomea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030101\/Wo%C9%96o-E%C6%92e-Dzidodo-Te%C6%92e-N%C9%9B\/","date":"2021-05-12T17:59:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989766.27\/warc\/CC-MAIN-20210512162538-20210512192538-00235.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985916615,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985916614532471}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2002 Wotsrɔ̃ Xexeme Bliboa! Nukatae Wotsrɔ̃ Blema Xexeame? Mawu Ƒe Kekeli Nyaa Viviti Ða! Aleke Gbegbe Nyateƒea Xɔ Asi Na Wòe? 'Míaƒe Lɔlɔ̃ Gade To Ðe Edzi' Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Tsɔtsɔ Subɔe Clovis Ƒe Mawutsideta—Katolikoha ƒe Ƒe 1,500 Xɔxɔ le France Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020301\/","date":"2021-05-07T04:14:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988774.96\/warc\/CC-MAIN-20210507025943-20210507055943-00091.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989082813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998908281326294}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Germany\nLe ƒe 2012 me la, Germany ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔawo dometɔ ɖeka tso nya me be ame mate ŋu ado le subɔsubɔha si dzi dziɖuɖua da asi ɖo be enye hahoodɔwɔha me le se nu vɔ tso agakpɔtɔ anɔ wo dome o. Katolikotɔ siwo gblɔ na setɔwo be yewomegale haa me o eye wodzudzɔ adzɔxexe na ha la magate ŋu akpɔ gome le kɔminiɔn-ɖuɖu, nu vɔ̃ me ʋuʋu kple ɖoƒewo nɔnɔ le sɔlemehaa me me o, eye ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be ne woku la sɔlemehaa maɖi o.\nXexea Me\nNumekuku aɖe si wowɔ tso xexea me subɔsubɔhawo ŋu ɖee fia be ame siwo be \"yewomele subɔsubɔha aɖeke me o\" evɔ mefia kokoko be wonye mawudzimaxɔselawo o la ƒe agbɔsɔsɔme nye miliɔn 1100 fifia. Woƒe agbɔsɔsɔe nye etɔ̃lia. Kristotɔwoe nye gbãtɔ, wole ame miliɔn 2200, Moslemtɔwoe nye evelia, wole ame miliɔn 1600, eye Hindutɔwoe nye enelia, wole ame miliɔn 1000.\nJapan\nJapantɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖee fia be ne \"wokafu ame la, eƒe ahɔhɔ̃ ƒe akpa si ʋãnɛ wòdoa vevie nu la gawɔa dɔ nyuie wu\" eye wònana hã be \"amea kpɔa dzidzɔ.\" Ewɔ abe esia va le kpe ɖom nya si wogblɔna be ne wokafu ame la, ewɔnɛ be amea doa vevie nu wu la dzi ene.\nBolivia\nLe ƒe 2012 ƒe nuwuwu la, Bolivia dziɖuɖua na woxlẽ dumeviwo katã. Wobia tso Boliviatɔwo katã si be woanɔ aƒe me le amexlẽgbea ale be woate ŋu axlẽ dumeviwo katã. Gawu la, wode se na dumeviwo be woagaku ʋu gbe ma gbe o, wotu dewo, eye wode se hã ɖe aha sesẽ nono nu.\nItaly\nEsi wobia gbe Italytɔ aɖewo la, wogblɔ be yewotsɔa miniti 15 fena kple yewo viwo gbe sia gbe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be: \"Dzila 1 le 5 me koe kpɔe be fefe kple ɖeviwo nye hehenana wo.\" Andrea Angiolino, si to aɖifefewo vɛ la, gblɔ be ɖeviwo srɔ̃a susuŋudɔwɔwɔ kple \"sededewo dzi wɔwɔ\" ne wole fefem kple wo dzilawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201311\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2021-05-07T07:12:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00577.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971522689,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971522688865662}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.291,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sikasededea—Nusi Wofiana le Xexeame Katã\n\"Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.\"—Mateo 7:12.\nYESU KRISTO ye gblɔ nya mawo anye ƒe akpe eve enye esia le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me. Esi ƒe alafawo va nɔ yiyim la, wogbugbɔ gblɔ nya ma heŋlɔ nu geɖe tso nyagbe ʋɛ mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokafui be \"eyae nye nusi koŋ ŋu Ŋɔŋlɔa ƒo nu tsoe\" \"nusi wòle be Kristotɔ nawɔ na ehavi si woto ɖe eme,\" kple \"agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖose vevi aɖe.\" Wonyae ale gbegbe be woyɔnɛ edziedzi be Sikasedede.\nKe hã menye amesiwo woyɔna be Kristotɔwo dome koe Sikasededea ƒe nyaa tsi o. Yuda kple Buddha subɔsubɔ kpakple Hela xexemenunya katã ɖea agbenyuinɔnɔ ŋuti se sia gɔme ɖe mɔ vovovowo nu. Nusi amesiwo le Ɣedzeƒeʋĩ nya nyuie enye Konfusio, amesi wobuna le Ɣedzeƒe agbalẽnyalagãe kple nufiala la ƒe nya aɖe si wògblɔ. Le The Analects, si nye Konfusio ƒe Four Books (Agbalẽ Eneawo) ƒe etɔ̃lia me la, susu sia dze zi etɔ̃ sɔŋ. Esi Konfusio nɔ biabia siwo eƒe nusrɔ̃viwo biae ŋu ɖom la, egblɔ zi eve be: \"Nusi mèdi be woawɔ ɖe ye ŋu o la, mègawɔe ɖe ame bubuwo ŋu o.\" Ɣebubuɣi la, esi eƒe sukuvi Zigong gblɔ dadatɔe be \"Nusi nyemedi be amewo nawɔ ɖe ŋunye o la, nye hã nyemadi be mawɔe ɖe wo ŋu o\" la, nufialaa tsɔ nya sia ɖo eŋu tufafatɔe be, \"Ẽ, gake nusiae menya le wɔwɔm na wò o.\"\nNya siawo xexlẽ ana nàkpɔe be Konfusio ƒe nyawo mewɔa dɔ abe esiwo Yesu va gblɔ emegbe ene o. Vovototo si dze ƒã enye be Sikase si Yesu de la bia nusiwo sɔ la wɔwɔ na ame bubuwo. Tsɔe be amewo le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nya ʋãme mawo dzi, le ɖe tsɔm le eme na amewo hele afɔwo ɖem be yewoakpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe nɔm ɖe se sia nu. Èbu be ema ana egbe ƒe xexea anyo ɖe edzia? Nenema tututue.\nEɖanye mɔ wɔdɔɖeamedzi nue wogblɔ sea le o, alo esi mewɔa dɔ ɖe ame dzi o ye o, alo mɔ bubu aɖe nue o, nusi ɖe dzesi enye be ame siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi vovovowo me kple le teƒe vovovo siwo si nɔnɔme vovovowo nɔ la xɔ Sikasededea ƒe nyaa de eme. Esia fia kpuie ko be nya si Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me la nye xexeame katã ƒe nufiafia si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.\nBia ɖokuiwò be: 'Ðe madi be woawɔ nu ɖe ŋunye le bubu, ameŋkumemakpɔmakpɔ, kple anukwareɖiɖi mea? Ðe madi be manɔ xexe aɖe si me vovototodedeameme, hlɔ̃dodo, kple aʋawɔwɔ mele o mea? Ðe madi be manɔ ƒome aɖe si me wotsɔa ɖe le amesiame ƒe seselelãme kple nyonyo me la mea?' Le nyateƒe me la, amekae agblɔ be yemedi n��nɔme deamedzi siawo o? Nublanuitɔe la, ame ʋɛ aɖewo koe le nɔnɔme siawo me. Le ame akpa gãtɔ gome la, asesẽ na wo ŋutɔŋutɔ be woakpɔ mɔ na nusiawo.\nWogblẽ Kɔ Ðo na Sikasededea\nWowɔ nuvlo geɖe ɖe ameƒomea ŋu si me woŋe aɖaba ƒu amewo ƒe gomenɔamesiwo dzi keŋkeŋ le le ŋutinya katã me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye kluvisitsatsa le Afrika, amewuwu le Nazi fuwɔamegaxɔwo me, ɖeviwo ƒe dɔsesẽwɔwɔ, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋutasesẽtɔe le teƒe geɖe. Woate ŋu agaƒo nu tso nu dziŋɔ bubuwo ŋu.\nEgbea la, míaƒe xexe si de ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me la wɔa nusi dzea eŋu. Ame ʋɛ aɖewo koe bua ame bubuwo ŋu ne nusi asɔ na wo alo nusi wosusu be enye yewo tɔ la ɖo afɔku me. (Timoteo II, 3:1-5) Nukatae ame geɖe va zu ɖokuitɔdilawo, ŋutasẽlawo, vevemaseɖeamenulawo, kple ɖokuiŋudzelawo? Togbɔ be wogakpɔtɔ nya Sikasededea le afisiafi hã la, ɖe menye alesi wole aɖaba ŋem ƒu edzi hele ebum be megasɔ o, eye be ezu agbenɔnɔse si megale vevie o tae oa? Nublanuitɔe la, aleae wòle le amesiwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã dome. Eye ŋkuléle ɖe alesi nuwo le yiyimee ŋu nyuie fia be ɖeko amewo agakpɔtɔ anye ɖokuiŋudzelawo ɖe edzi.\nEyata biabia vevi siwo ŋu wole be míade ŋugble le enye: Nukae agbenɔnɔ ɖe Sikasededea nu fia? Ðe ame aɖe gale agbe nɔm ɖe enua? Eye ɖe ɣeyiɣi aɖe ava si me ameƒomea katã anɔ agbe ɖe Sikasededea nua? Be nàkpɔ ŋuɖoɖo vavãwo na biabia siawo la, taflatse xlẽ nyati siwo kplɔe ɖo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nKonfusio kple ame bubuwo fia Sikasededea ɖe mɔ vovovowo nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011201\/Sikasededea-Nusi-Wofiana-le-Xexeame-Kat%C3%A3\/","date":"2021-05-06T09:26:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988753.91\/warc\/CC-MAIN-20210506083716-20210506113716-00183.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992554188,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992554187774658}","num_words":743,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ September 2009 Ðe Mawu Do Ŋugbe Be Yeana Kesinɔnuwo Nasu Asiwòa? Kesinɔnu Siwo Tsoa Mawu Gbɔ Ðe Ahedada Fia Be Mawu Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Ame Ŋu Oa? Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa? Ekpɔa Dzidzɔ Eye Mɔkpɔkpɔ Le Esi Togbɔ Be Enye Ame Dahe Hã Adam Kple Xawa—Wonɔ Anyi Kpɔ Ŋutɔŋutɔa? Woke Ðe Biblia Ƒe Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Vevi Aɖe Ŋu Enyaa? Ʋɔnudrɔ̃la Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe Ne Wodze Agɔ Le Dziwò Nukunu Si Dzɔ Le Pentekoste Ŋkekea Dzi! Titina Amerika Ƒe Ta Gãtɔ Kekeake Me Kesinɔnuwo OUR READERS ASK Mɔ Ka Nue Yesu Kple Fofoa Wole Ðeka Le? Kpɔ ale si Mawu kple via wonye ame vovovowoe ɖa. Nu Siwo Nana Wonyea Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedze","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090901\/","date":"2021-06-24T22:23:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488559139.95\/warc\/CC-MAIN-20210624202437-20210624232437-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974824786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974824786186218}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.196,"stopwords_ratio":0.17,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu!\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CONGO (KINSHASA) GBƆ\nBRAÐA, January 15, 2002, dzie—edze abe nusianu nɔ edzi yim nyuie abe ɖaa ene le Titina Afrika. Mía kple nɔvi Yehowa Ðasefo aɖe míeva ɖo Goma, Kivu, le Congo (Kinshasa), be míakpe kple Ðasefo siwo le Ta Gãwo ƒe nutome.\nMehiã be Woatsi Dzi Oa?\nTogbɔ be Nyiragongo dzoto (si kɔkɔ meta 3,470) gbɔ didi kilometa 19 tso dugã si nye Goma gbɔ hã la, dzotoa ƒe nɔnɔme he míaƒe susu. * Míele toa ƒe gbeɖeɖe sem, eye míekpɔe hã be dzudzɔ nɔ tutum tso dzotoa me. Esia menye nu yeye na nutoa me tɔwo kura le ƒea ƒe ɣeyiɣi siawo me o, eye wometsi dzi ɖe eŋu hã o.\nLe ŋdɔ me la, míede Yehowa Ðasefowo ƒe hame eve ƒe kpekpewo. Míekpɔtɔ nɔ anyigbaʋuʋu suesuewo kple toa ƒe gbeɖeɖe sem. Edze abe ame aɖeke metsi dzi ɖe nusiawo ŋu o ene. Dumegãwo yi edzi nɔ kakaɖedzi nam dumeviwo be mehiã be woavɔ̃ kura o. Togbɔ be Congotɔ dzotoŋutinunyala aɖe nɔ egblɔm ɖi ɣleti geɖe enye sia be dzotoa awo hã la, ame aɖeke mexɔ edzi se o. Xɔlɔ̃ aɖe gblɔe fefenyae ko be, \"Fiẽ sia yame abiã hẽ le dzotoa ta.\"\n\"Ele be Míasi Adzo Kpata!\"\nEsi míetrɔ gbɔ va míaƒe dzeƒe la, wogblɔ na mí kaŋ be: \"Ele be míasi adzo kpata!\" Eva ɖo ŋkubiã me. Dua le afɔku gã aɖe me. Aleke gbegbe nuwo trɔ kpatae nye si! Do ŋgɔ le ŋkekea me la, míenɔ nu me dzrom ku ɖe alesi míedi be Goma nazu teƒe si koŋ woana ɖaseɖiɖidɔa ŋuti mɔfiame atsoe ŋu. Fifia le ɣetrɔ me la, wogblɔ na mí be míasi adzo le dugã la me, le esi wòɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe afɔku me ta!\nEsi xexeame nɔ tsyɔtsyɔm la, yame va biã hẽ—eye ele be wòabiã hã vavã! Anyigbatumeba xɔdzo si tsaka kple nu bubu siwo lólo hebiã hẽ la do tso Nyiragongo-toa me bababa tsa gbɔna dugã la me. Toa ɖi ze gã aɖe si woɖo dzo dzi wòle fiefiem wlɔwlɔwlɔ eye emenuwo le gbagbam ɖi ene, eye ga loló xɔdzoawo le nusianu tsrɔ̃m le eƒe mɔ dzi. Afɔtsɔtsɔe si míetsɔ lɔ nuwo de míaƒe akplowo me la mele gbɔgblɔ me o! Fifia esusɔ vie wòaƒo fiẽ ga 7:00.\nSisila Akpe Geɖe Yɔ Mɔdodoa Dzi\nEsi míewɔ kaba do go la, míekpɔe be ame gbogbo siwo nɔ sisim ɖe woƒe agbe ta la yɔ Goma mɔdodoa dzi. Ame akpa gãtɔ nɔ afɔ zɔm, eye wotsɔ woƒe nunɔamesi ʋɛ siwo dzi woƒe asi te ŋu su. Ame geɖe tsɔ woƒe agbawo ɖe ta. Ame ʋɛ aɖewo hã mimi ɖe ʋuwo me. Amesiame ɖo ta Rwanda-de si gbɔ medidi boo tso afima o gbɔ. Gake dzoto menya nusi nye dukɔ vovovowo ƒe de siwo amewo ɖo o. Aʋakɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe afisiwo wòatsa atoe nu o! Míekpɔ asrafo aɖewo siwo hã na ta henɔ sisim ɖe woƒe agbe ta esi anyigbatumeba xɔdzoa tsa gbɔna. Alesi mɔdodoa dzi yɔe la na be ʋuwo mete ŋu le zɔzɔm kura o. Afɔa ko wòle be míazɔ. Míawoe nye ma le ame 300,000 dome—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, kple vidzĩwo—siwo katã nɔ ʋiʋlim be yewoasi le dzotoa ƒe agbodzedze nu. Míegale toa ƒe gbeɖeɖe kple anyigbaʋuʋu suesuewo ŋkɔ sem kokoko le míaƒe afɔwo gɔme.\nAmesiame le sisim be yeaɖe yeƒe agbe. Mía kple xɔ̃nye, mí amesiwo nye amedzrowo tso dugã aɖe me, hã le ameha siawo dome, eye Ðasefowo ʋɛ aɖewo le mía ŋu, amesiwo kpe ɖe mía ŋu. Alesi wole mía ŋu kple alesi wotsɔ ɖe le míaƒe dedienɔnɔ me vevie la wɔ dɔ ɖe mía dzi vevie eye míese le mía ɖokui me be míele dedie le nudzɔdzɔ sesẽ tikɔname sia me. Amewo le sisim kple nusiwo woate ŋu atsɔ—awuwo, nuɖazewo kple agbawo, kple nuɖuɖu ʋɛ aɖewo. Amewo nɔ wo nɔewo tutum le ameha gã sia dome. Ʋu siwo hã nɔ agbagba dzem be yewoato wo ŋu ayi ŋgɔ la nɔ ame aɖewo lɔm, si na be amewo ƒe nunɔamesiwo ge le wo si eye amewo zɔ wo dzi gblẽ wo dome. Baba na amesi adze anyi. Amesiame tsi dzodzodzoe. Vɔvɔ̃ ɖo amesiame. Míele agbagba dzem be míaɖo du si le mía ŋgɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko, si nye Gisenyi, le Rwanda, la me. Ele be míaʋli vevie ayi afɔzɔzɔa dzi.\nZã si me Nɔ Dedie\nMíeɖo amedzrodzeƒe aɖe, gake abe alesi nàkpɔ mɔe ene la, xɔawo katã yɔ. Nusi wòle be míawɔ koe nye be míanɔ anyi ɖe kplɔ̃ aɖe ŋu le gota. Afimae míenɔ le afɔzɔzɔ gaƒoƒo etɔ̃ kple afã si te ɖeɖi mía ŋu vevie megbe. Enye dzidzɔ na mí be míele agbe eye míegale afɔku teƒea o, eye be míele mía nɔvi Kristotɔ siwo zɔ mɔa kpli mí dome. Enye dzidzɔ be Ðasefo aɖeke mebu eƒe agbe o.\nEdze ƒã be míatsi gota adɔ zã bliboa ŋu nake. Fifia míate ŋu ade ŋugble le yame si biã hẽ le dugã si nye Goma tame si kpɔm míele tso adzɔge la ŋu. Alesi yame biãe la wɔ dɔ ɖe ame dzi eye wòdze ani ale gbegbe! Fifia ŋu le kekem. Dzotoa ƒe gbeɖeɖe kple anyigbaʋuʋu suesuea yi edzi zã bliboa. Ne míebu ŋkeke si do ŋgɔ ƒe nɔnɔme sesẽa ŋu la, míaƒe dɔme trɔna ɖe ƒome akpe geɖe siwo nɔ sisim kple wo vi suewo ŋu ale gbegbe.\nKpekpeɖeŋunuwo Va Ðo Kaba\nÐasefo siwo tso Kigali, si nye Rwanda ƒe fiadu me, va ɖo mía gbɔ le Fiɖa, January 18, ƒe ŋdɔ me. Kpekpeɖeŋunakɔmiti si me tɔwo nye nɔviŋutsu siwo tso Goma kple Gisenyi la tso kaba ɖe dɔ ŋu. Woƒe taɖodzinu gbãtɔ enye be yewoadi dzeƒe na Ðasefo sitsoƒedila siawo le Fiaɖuƒe Akpata ade siwo le nutoa me la me. Wokpɔ esiawo katã gbɔ gbemagbe ke. Woŋlɔ dzesi aɖe ɖe Franse kple Swahili gbewo me da ɖe mɔdodoa dzi si fia mɔ nɔviwo yi Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me, afisi sitsoƒedilawo akpɔ kpekpeɖeŋu kple akɔfafa le. Le ŋkeke ma ke dzi la, nuhiahiã vevi siwo ƒe kpekpeme nye tɔn etɔ̃ va ɖo Fiaɖuƒe Akpata siwo me Ðasefoawo dze la me. Le eƒe ŋufɔke, si nye Memleɖagbe la, agbatsɔʋu si me nuɖuɖu, abadzivɔ, aŋenuwo, adzalẽ, kple atikewo le la tso Kigali va ɖo.\nAmewo Tsi Dzodzodzoe\nLe ɣeyiɣi sia me amewo tsi dzi ŋutɔ. Aleke woawɔ akpɔ ame gbogbo siawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ? Ke dzotoa hã ɖe? Ɣekaɣie eƒe wowoa adzudzɔ? Aleke gbegbee nu gblẽ le Goma dua ŋui? Nyadzɔdzɔ siwo sem míele kple anyigbaa ƒe ʋuʋu suesue si nu metso o la mede dzi ƒo kura o. Dzotoŋutinunyalawo vɔ̃ be aɖiya si nye sulfur dioxide ƒe agbɔsɔsɔ akpa agblẽ yame. Amewo gatsi dzi hã be Kivu-ta me tsi maganyo na nono o le aɖinu siwo tsa ge ɖe eme ta.\nKaka gaƒoƒo 48 nava yi tso esime dzotoa ƒe wowo dze egɔme la, nyatakaka gbadzinamewo kaka. Emegbe le Memleɖa ŋdɔ me míese be ame 10,000, siwo dome Ðasefo 8 kple ɖevi sue ɖeka le, la tsi teƒe aɖe esi tomeba xɔdzo si do tso dzotoa me, si ƒe kɔkɔmee nye meta 2 le teƒe aɖewo, la tsa ƒo xlã wo hexaxa wo. Aɖiyawo xɔ yame. Míevɔ̃ ɖe wo nu. Ewɔ abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o ene. Anyigbatumeba xɔdzoa gblẽ gbedoxɔgã si le Goma gɔ̃ hã keŋkeŋ kloe. Ɣemaɣi ame aɖeke mebui be Goma dugã la agakpɔtɔ anɔ anyi o.\nNya Fakɔname Aɖewo\nLe Kwasiɖagbe ŋdi ga 9:00 me la, míexɔ kaƒoƒo tso nɔvi siwo tomeba xɔdzoa xaxa ɖo la dometɔ ɖeka gbɔ. Egblɔ na mí be nuwo le tɔtrɔm. Nuwo le kakam ɖe eme. Tsi le dzadzam, tomeba xɔdzoa le fafam, eye yame le kɔkɔm. Togbɔ be ba si le sesẽm fifia la mefa vɔ keŋkeŋ haɖe o eye afɔku kpɔtɔ nɔ eŋu hã la, amewo le edzi zɔm be yewoasi ayi teƒe siwo le dedie wu. Dua metsrɔ̃ keŋkeŋ o.\nEsiae nye nyanyui gbãtɔ si míese tso esime afɔkua dze egɔme. Dzotoa ƒe wowo ka bɔbɔ vie azɔ. Eŋutinunyala siwo le nutoa me ƒe nukpɔsusuwo mewɔ ɖeka le nusi nɔ dzɔdzɔm ŋu o. Fifia míete ŋu se amesiwo le du si tsɔ ɖe mía gbɔ, si nye Bukavu, si le Kivu-ta la ƒe go kemɛ dzi la ŋkɔ. Míese be Ðasefowo ƒe ƒome atɔ̃, kple ɖevi etɔ̃ siwo ŋu wo dzilawo mele o, ɖo tɔdziʋu sue va ɖo Bukavu. Ðasefo siwo le dua me le kpekpem ɖe wo ŋu.\nMíate Ŋu Atrɔ Ayi!\nLe Dzoɖa, January 21 lia dzi la, míete ŋu yi ɖafa akɔ na amesiwo dzi dzɔgbevɔ̃ea dzɔ ɖo le Gisenyi, eye míekpɔ nusiwo hiã wo. Míekpɔe be nɔvi siwo dze Fiaɖuƒe Akpata adeawo me la dze nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu gɔme. Míete ŋu xlẽ Ðasefo siwo si va afisia ƒe agbɔsɔsɔ—ame 1,800, ɖeviwo hã le eme.\nKe aleke ŋkeke siwo le ŋgɔ anɔ? Dumegãwo nɔ ɖoɖo wɔm kpata be woatu asaɖawo na sitsoƒedilawo. Gake sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me nɔnɔ ƒe ŋkuɖodzinu wɔnublanuiwo kpɔtɔ nɔ susu me na ame aɖewo siwo nɔ asaɖa mawo tɔgbe me le gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa si dzɔ le ƒe 1994 me. Míeɖoe be míatrɔ ayi Goma, eye le ŋdɔ me míeɖo dua me. Dua ƒe akpa 25 le alafa me gbã keŋkeŋ. Fifia míete ŋu zɔ tomeba si le sesẽm azɔ si tsa to dua me mɔdodowo dzi la dzi. Dzoxɔxɔ kpɔtɔ le eme eye aɖidzudzɔwo kpɔtɔ le tutum tso eme hexɔ yame. Ame geɖe ɖoe be yewoagatrɔ ava dua me.\nLe ŋdɔ ga 1:00 me la, míedo go Kristotɔ hamemegã 33 le Goma Center Hame ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Nɔviawo katã da asi ɖe nyametsotsoa dzi: Woɖoe be yewoagatrɔ ava Goma. Wogblɔ be, \"Afisiae nye mía de.\" Ke esi wònye be dzotoa agate ŋu awo ake ɖe? Woɖo eŋu be, \"Meganye nu yeye na mí o.\" Wovɔ̃ be ne yewometrɔ gbɔ kaba o la, amewo ava fi yewoƒe nusianu. Eƒe ŋufɔke la, Ðasefowo ƒe ƒome siwo katã si dzo la gatrɔ va Goma. Ame 300,000 siwo tso dea dometɔ akpa gãtɔ hã trɔ gbɔ va dugã si ŋu nu gblẽ le la me.\nKwasiɖa Ðeka Megbe\nAmewo gayɔ dua me eye wole woƒe gbesiagbe nuwɔnawo dzi yim. Edze ƒã be dua mazu dudo o. Eteƒe medidi o wodze dɔ gɔme be woaka ba si zu abe gli sesẽ si ma dua me ɖe akpa eve ene la bene wòagazu du ɖeka. Anyigbatumeba xɔdzoa tsrɔ̃ nusianu si nɔ eƒe mɔ dzi. Dugã la ƒe asitsaƒe kple dziɖuɖudɔwɔƒewo gbã keŋkeŋ. Wobu akɔnta be yameʋudzeƒea ƒe mɔ si dzi yameʋuwo ƒua du tona la ƒe akpa etɔ̃lia gblẽ.\nAkɔntabubu si de pɛpɛpɛ ɖee fia be Ðasefowo ƒe ƒome 180 ye le amesiwo bu woƒe nunɔamesiwo katã dome eye wozu aƒemanɔsitɔwo. Kpekpeɖeŋunakɔmitia wɔ ɖoɖo be woakpe ɖe ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ade 5,000 ŋu be woakpɔ woƒe gbesiagbe nuɖuɖu. Yehowa Ðasefo siwo le Belgium, France, kple Switzerland ɖo asaɖatuvɔwo ɖa be woatsɔ atu ɣeyiɣi aɖe ƒe nɔƒe na nɔvi siwo zu aƒemanɔsitɔwo, kple be woatsɔe atu agbadɔ wòazu kpekpeƒe na hame siwo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu nu gblẽ le alo esiwo dome gblẽ kura. Ƒome aɖewo siwo zu aƒemanɔsitɔwo va dze Ðasefo siwo ƒe aƒe ŋu nu megblẽ le o gbɔ, eye wo dometɔ aɖewo hã le asaɖawo me.\nLe Fiɖa, January 25 lia dzi, si nye ŋkeke ewo le zã dziŋɔ ma me nudzɔdzɔwo megbe la, ame 1,846 ye va kpe ta le kpekpe si wowɔ le sukukpo aɖe dzi le Goma be yewoase dzideƒonamenyawo tso Ŋɔŋlɔawo me. Nɔviawo gblɔ akpedanya geɖe ɖe akɔfafa kple kpekpeɖeŋunu siwo woxɔ to Yehowa ƒe habɔbɔa dzi la ta. Xɔse sesẽ si nɔviawo ɖe fia togbɔ be woɖo afɔku me gɔ̃ hã la wɔ dɔ ɖe mí amedzroawo hã dzi vevie. Le fukpekpe siawo katã me hã la, aleke gbegbe wònye dzidzɔ be woanye nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka, si subɔa Mawu vavã Yehowa, amesi nye akɔfafa mavɔwo Tsoƒe, la me tɔ enye si!—Psalmo 133:1; Korintotɔwo II, 1:3-7.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Woyɔa dzoto le Swahiligbe me be mulima ya moto, si gɔmee nye \"to si me dzo le.\"—Kpɔ nyati si nye \"Dzoto aɖe Sasrãkpɔ\" le Eŋlisigbe me Nyɔ!, July 8, 1975, ƒe tata me.\n[Anyigbatata siwo le axa 12, 13]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nFli siwo ŋu mɔfiadzesi le la fia afisiwo tomeba xɔdzoa tsa to\nCONGO (KINSHASA)\nNyiragongo-to\n↓ ↓ ↓\nGoma Yameʋudzeƒe ↓ ↓\n↓ GOMA\n↓ ↓\nKIVU-TA\nRWANDA\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]\nTomeba xɔdzoa zi Goma dugã me tɔ akpe geɖe dzi be woasi adzo\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nAP Photo\/Sayyid Azim\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 14, 15]\nLe kwasiɖa ɖeka ko megbe la, Ðasefoawo gbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021108\/Alesi-M%C3%ADew%C9%94-Si-le-Tomeba-X%C9%94dzo-Dzi%C5%8B%C9%94-a%C9%96e-Nu\/","date":"2021-06-12T22:06:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487586390.4\/warc\/CC-MAIN-20210612193058-20210612223058-00226.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990716577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990716576576233}","num_words":2062,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"26 Azɔ Yuda dukɔ blibo la tsɔ Uziya,+ si xɔ ƒe wuiade la ɖo fia ɖe fofoa Amaziya teƒe.+ 2 Eyae gbugbɔ tso Elot+ dua, eye wògazu Yuda tɔ esi wotsɔ fia* la mlɔ tɔgbuiawo gbɔ megbe.+ 3 Uziya+ xɔ ƒe wuiade esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem.+ 4 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa Amaziya wɔ ene.+ 5 Edi Mawu le Zakariya, ame si fia Mawu vavã la vɔvɔ̃e la ƒe ŋkekeawo me. Ɣeyiɣi siwo me wòdi Yehowa la, Mawu vavã la na nu dze edzi nɛ.+ 6 Eho yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo,+ eye wògbã Gat+ kple Yabne+ kpakple Asdod+ ƒe gliwo. Eye wòtso duwo ɖe Asdod nuto la me kple Filistitɔwo ƒe nuto la me. 7 Mawu vavã la kpe ɖe eŋu wòsi Filistitɔwo kple Arabiatɔ+ siwo le Gurbaal kpakple Meunitɔwo. 8 Eye Amonitɔwo+ xea adzɔ na Uziya. Mlɔeba eƒe ŋkɔ de keke Egipte ke, elabena ekpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o. 9 Azɔ hã, Uziya tu xɔ tsralawo+ ɖe Yerusalem, ɖe Dzogoedzigbo+ la xa kple Balimegbo+ la xa kpakple Sɔti la xa, eye wòwɔ wo wosesẽ. 10 Gawu la, etu xɔ tsralawo+ ɖe gbedzi, eye wòɖe tsido geɖewo* (elabena lãha gbogbo aɖe nɔ esi); eye wòwɔe nenema ɖe Sefela* kple tonyigba gbadza la hã dzi. Agbledelawo kple waingbledelawo nɔ esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede. 11 Gawu la, aʋawɔla bibiwo nɔ Uziya si siwo nɔa aʋalɔgowo me yia aʋa. Agbalẽŋlɔla+ Yeiel kple dzikpɔla Maaseya, ame siwo le Hananiya si nye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒe kpɔkplɔ te lae xlẽ ameawo heŋlɔ wo ŋkɔ.+ 12 Tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔawo nu siwo le aʋakalẽtɔ siawo nu la katã ƒe xexlẽme le ame akpe eve alafa ade. 13 Aʋakɔ siwo le woƒe kpɔkplɔ te la le ŋutsu akpe alafa etɔ̃ kple adre alafa atɔ̃ siwo le klalo na aʋawɔwɔ, eye wonye aʋakɔ sesẽ siwo kpena ɖe fia la ŋu ɖe futɔwo ŋu.+ 14 Uziya wɔ akpoxɔnuwo, akplɔwo,+ gakukuwo, gawuwo,+ dawo kple akafomekpewo+ na aʋakɔ blibo la katã. 15 Azɔ hã, ena mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo wɔ aʋawɔmɔ̃wo le Yerusalem; woda wo ɖe xɔ tsralawo+ tame kple dzogoewo dzi tsɔ daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo. Ale eƒe ŋkɔ de du, elabena wokpe ɖe eŋu ale gbegbe va se ɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu. 16 Ke esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi, mewɔ nuteƒe na Yehowa eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖe dzudzɔdomlekpui la dzi.+ 17 Enumake nunɔla Azariya kple Yehowa ƒe nunɔla kalẽtɔ blaenyi kplɔe ɖo ge ɖe eme. 18 Eye wotso ɖe Fia Uziya ŋu gblɔ nɛ be: \"Oo Uziya, menye wò dɔe wònye be nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o!+ Nunɔla siwo nye Aron+ viwo, ame siwo ŋu wokɔ la koe wòle be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do le kɔkɔeƒe la, elabena mèwɔ nuteƒe o, eye Yehowa Mawu made bubu aɖeke ŋuwò o.\" 19 Ke Uziya si lé dzudzɔdosonu ɖe asi be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ la, do dziku vevie;+ eye esi wòdo dziku ɖe nunɔlawo ŋu vevie la, kasia anyidɔ*+ ƒo ɖe eƒe ŋgonu le nunɔlawo ŋkume le Yehowa ƒe xɔ la me, le dzudzɔdomlekpui la xa. 20 Esi nunɔlawo ƒe tatɔ Azariya kple nunɔlawo katã trɔ ɖe eŋu la, wokpɔ be anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu! Eya ta wonyae afɔtsɔtsɔe tso afi ma; eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba do go, elabena Yehowa ƒoe. 21 Ale Fia Uziya zu anyidɔléla* va se ɖe eƒe kugbe. Eɖe ɖe aga nɔ aƒe aɖe me le anyidɔ la ta,+ womeɖe mɔ nɛ be wòava Yehowa ƒe aƒe la me o. Via Yotam nɔ fia ƒe aƒe* la nu hedrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la.+ 22 Ke Uziya ŋutinya susɔeawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi, ŋlɔ wo ɖi. 23 Eye wotsɔ Uziya mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ, gake le fiawo ƒe ameɖinyigba ƒe akpa aɖe, elabena wogblɔ be: \"Anyidɔlélae.\" Eye via Yotam+ zu fia ɖe eteƒe.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, fofoa Amaziya.\n^ Alo, eɖe tsidowo ɖe agakpewo me.\n^ Alo, \"bali me.\"\n^ Alo, \"kpodɔ.\"\n^ Alo, \"kpodɔléla.\"\n^ alo, \"fiasã.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/26\/","date":"2021-06-12T14:17:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487584018.1\/warc\/CC-MAIN-20210612132637-20210612162637-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991008043,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991008043289185}","num_words":678,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2005 Ðe Nuteƒewɔwɔ Ðea Via? Viɖewo Le Nuteƒewɔwɔ Me Dzidodo Abe Kristo Ƒe Asrafo Ene Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me Míazɔ Le Yehowa, Mía Mawu La Ƒe Ŋkɔ Me Mennotɔwo ƒe Biblia me Nyateƒea Didi Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Na Yehowa Ƒe \"Nya\" Nakpɔ Tawò","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050901\/","date":"2021-06-16T02:25:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621699.22\/warc\/CC-MAIN-20210616001810-20210616031810-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9866113067,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9866113066673279, \"ajg_Latn_score\": 0.013407805003225803}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 15, 2003 Tomenukuku Si Ðo Kpe Yesu Ƒe Anyinɔnɔ Dzie Wònye Vavãa? Yesu Kristo—Nusiwo Ðo Kpe Edzi Be Enɔ Anyigba Dzi Kpɔ Dɔwɔwɔ Kple Gbegbɔgblɔ Tɔxɛ aɖe ƒe Ƒuƒoƒo le Korea Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O Wò Ŋku Nanɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo ŋu Gilead Suku—Exɔ Ƒe 60 le Hehenana Dutanyanyuigblɔlawo Me Alexander VI—Papa si Rome Meŋlɔna Be O Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030615\/","date":"2021-06-20T06:17:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487658814.62\/warc\/CC-MAIN-20210620054240-20210620084240-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960997105,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960997104644775}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amuga Nutome Zimenɔla na New Patriotic Party (NPP) dunyaheha, Makafui Kofi Woanyah de asi eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gɔme le esime wòde abi anyigba ŋu le Chinderi hena NPP ɔfis tutu na Krachi Nchumuru Ametsa Nutoa.\nWɔna sia va dzi le Chinderi le Kɔsiɖa, dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuietɔa gbe si nye \"Dzila Nyɔnuwo ƒe Ŋkeke\" le esime wòwɔ ɖeka kple NPP nyɔnuwo heɖo ŋku ŋkekea dzi tɔxeɛ. Ke eza mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ hede kpe do na ɔfis la tutu kple susu be dunyaheha ƒe dɔwɔnawo natsɔ afɔ nyuie le nutoa me.\nEna cement kotoku alɔfa ɖeka be woatsɔ adze dɔa gɔme eye wòdo ŋugbe be, yeawɔ nu ɖesiaɖe si hia, be dɔwɔna bliboa nawu enu le dzinu etɔwo ko domi.\nAƒetɔ Woanyah le dzinu enea mea, do ŋugbe be yeatu ɔfis na dunyaheha le ametsa nutowo kata me le Amuga nutoa me ahadzi lɔri kpe ɖe eŋu be woawɔ woŋudɔ hena NPP ƒe ŋgɔgbeyiyyi le nutoa me.\nEɖe nya siawo gblɔ le esime wòde ŋkeke atɔ̃ ƒe akpedada tsaɖiɖi aɖe tome le ametsa nuto blaeve-vɔ-adeawo kata me na nutoa le eƒe dzidzemekpɔkpɔ bliblotɔ le Nutome-kametsiwo tsiatsia wɔna si va dzi le dzinu enea ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛa gbe le Hohoe, vɔ megbe.\nKe Zimenɔla ƒe afɔɖeɖe sia, do dzidzɔ na dunyahehamenɔla siwo le Krachi Nchumuru Nutoa me alegbegbe si wɔe be, wodo gbe ɖa na Mawu be, Wòale agbe ɖe ta nɛ ahakpɔ eta be wòateŋu awu dɔ nyui si gɔme wòdzea nu.\nDunyaheha ƒe Wɔnawo Dzikpɔla le Nutoa me, Elikem Sewordor, Kpeɖeŋutɔ na Amewo Nuƒoƒula, Shelter Adjorlolo, Kpeɖeŋutɔ na Sɔhɛwo Nuƒoƒula, Emmanuel Quarshie kple Krachi East Nutome Zimenɔla, Amega Castro woenɔ luυɔ̃ me na Aƒetɔ Woanyah le wɔnawo me.\nEŋlɔla: Bubune Bernice\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/14\/a%C6%92et%C9%94-woanyah-dze-e%C6%92e-nugbedodowo-dzi-w%C9%94w%C9%94-g%C9%94me-na-npp-t%C9%94wo\/","date":"2021-06-15T04:15:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487616657.20\/warc\/CC-MAIN-20210615022806-20210615052806-00084.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973961711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973961710929871}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.199,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wògblẽ be Woafa Konyia?\n\"KE, NƆVIWO, MÍELE DIDIM BENA, MIANƆ NUMANYAMANYA ME LE AMESIWO DƆ ALƆ̃ LA ŊUTI O, BENE MIAGAXA NU, ABE AME BUBU, SIWO MƆKPƆKPƆ MELI NA O LA ENE O.\"—TESALONIKATƆWO I, 4:13.\nMƆKPƆKPƆ le Biblia me na amesiwo ku. Amesiwo Yesu fɔ ɖe tsitre, kpakple eƒe nufiafiawo ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me woagbɔ agbe ame kukuwo. (Mateo 22:23-33; Marko 5:35, 36, 41, 42; Luka 7:12-16) Aleke wòle be mɔkpɔkpɔ sia nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? Apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le etame ɖee fia be mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu afa akɔ na ame ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku.\nNe wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku kpɔ la, ɖikeke mele eme o be èse veve si nublanuinya sia hena vɛ. Theresa, amesi srɔ̃ si xɔ ƒe 42 ku esime woko dzi nɛ vɔ megbe kpuie la gblɔ be: \"Eɖi ɖem ŋutɔ! Gbã la, vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe. Emegbe meva nɔ veve gã aɖe si nu nɔ sesẽm ɖe edzi la sem esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. Mefaa avi vevie.\" Ðe nuwɔwɔ le mɔ mawo nu fia be mèka ɖe Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre dzi se oa? Ðe Paulo ƒe nyawo fia be menyo be woafa konyi oa?\nKonyifafa ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Biblia Me\nMíakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo ne míedzro konyifafa ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la me. Le nuŋlɔɖiawo dometɔ geɖe me la, wofa konyi ɣeyiɣi aɖe sinu le ƒometɔ kplikplikpli ƒe ku megbe. (Mose I, 27:41; 50:7-10; Psalmo 35:14) Zi geɖe la, seselelãme siwo wotsɔ fa konyi siawoe nu sẽ ale gbegbe.\nBu ŋutsu mawuvɔ̃la siwo fa woƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Abraham xɔ Mawu dzi se vevie be ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Hebritɔwo 11:19) Togbɔ be kakaɖedzi sẽŋu sia nɔ esi hã la, 'efa konyi hefa Sara.' (Mose I, 23:1, 2) Esi Yakob viŋutsuwo da alakpa gblɔnɛ be via Yosef si wòlɔ̃na vevie ku la, Yakob 'dze eƒe awu hefae ʋuu.' (Mose I, 37:34, 35) Le ƒe geɖe megbe kura gɔ̃ hã la, viaŋutsu si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe ku gatena ɖe Yakob dzi kokoko! (Mose I, 42:36-38) Fia Dawid hã xa nu vevie le gaglãgbe le viaŋutsu eve siwo nye Amnon kple Absalom ƒe ku ta. Togbɔ be wo ame evea siaa he fukpekpe va Dawid kple eƒe ƒomea dzi hã la, wogakpɔtɔ nye viawo, ale be woƒe ku na wòxa nu vevie ŋutɔ.—Samuel II, 13:28-.39; 19:1.\nƔeaɖewoɣi la, Israel dukɔa katã faa konyi abe alesi wòdzɔ esi Mose ku ene. Mose V, 34:8 gblɔ na mí be Israel-viwo fa nɛ ŋkeke 30 sɔŋ.\nMlɔeba la, Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu hã li. Exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku. Eye esi Yesu kpɔ alesi Lazaro nɔvinyɔnu Marta kple Maria, kple wo xɔlɔ̃wo nɔ avi fam la, 'eƒe gbɔgbɔ xa nu, eye eƒe dzi ʋuʋu.' Togbɔ be Yesu nyae be yele agbe gbɔ ge ye xɔlɔ̃a kpuie hã la, 'efa avi.' Yesu lɔ̃ exɔlɔ̃ Marta kple Maria. Eyata ete ɖe edzi vevie esi wòkpɔ alesi wonɔ nu xam le wo nɔviŋutsu ƒe kua ta.—Yohanes 11:33-36.\nAbraham, Yakob, Dawid, kple Yesu siaa xɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se vevie, ke hã woxa nu. Ðe woƒe konyifafa ɖee fia be wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ mea? Ðe woƒe nuxaxa alea fia be womexɔ tsitretsitsia dzi se oa? Kura o! Konyifafa nye nuwɔna si sɔ ne lɔlɔ̃tɔ ku na ame.\nNusita Míefaa Konyi\nMawu meɖoe gbeɖe be ame naku o. Gɔmedzetameɖoɖo si nɔ Yehowa si wòɖe gblɔ na Adam kple Xawa enye be woatrɔ anyigba katã wòazu paradiso dzeani si me ƒome kpɔdzidzɔ si me lɔlɔ̃ le la nanɔ. Ne srɔ̃tɔ gbãtɔ siawo ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Yehowa ko hafi woaku. (Mose I, 1:28; 2:17) Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa gbe toɖoɖo, eye woƒe tomaɖomaɖoa na 'ku va amewo katã dzi.' (Romatɔwo 5:12; 6:23) Eyata ku nye futɔ vɔ̃ɖi si womeɖo be wòanɔ anyi hafi o.—Korintotɔwo I, 15:26.\nEkema esɔ be lɔlɔ̃tɔ ƒe ku kpata nye nuxaxa sesẽ na amesiwo amea ku na. Ena wotsia akogo ŋutɔ le agbe me. Theresa si nye ahosi si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ le srɔ̃a si ku ŋu be: \"Meka ɖe edzi be magakpɔe le tsitretsitsia me, gake mesusunɛ fifia ŋutɔ. Ema koŋue veam ale gbegbe.\" Dzila ƒe ku ate ŋu aɖo ŋku mía ŋutɔwo ƒe ku dzi na mí. Gake sɔhɛ ƒe ku vena wu, vevietɔ le alesi menɔ agbe yi ŋgɔe o ta.—Yesaya 38:10.\nẼ, ku menye dzɔdzɔmenu o. Ele be woakpɔ mɔ na veve si wòdona na ame, eye Yehowa mebua konyifafa be enye tsitretsitsi dzi maxɔse o. Abe alesi míekpɔe le Abraham, Yakob, Dawid, Israel-dukɔa, kple Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me ene la, dzi ƒe vevesese si míaɖe fia gaglãa mefia be míegbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o. *\nKe hã togbɔ be mí Kristotɔwo míexaa nu ne ame ku na mí hã la, míexaa nu \"abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.\" (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Míexaa nu wògbɔa eme o, elabena míenya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Míenya be womele veve sem alo le fu kpem o, ke boŋ wòle nɔnɔme si le abe alɔ̃dɔdɔ yi eme ʋĩ ene me. (Nyagblɔla 9:5; Marko 5:39; Yohanes 11:11-14) Kakaɖedzi blibo le mía si hã be Yesu si \"nye tsitretsitsi la kple agbe la,\" awɔ eƒe ŋugbedodo dzi agbɔ agbe 'amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me.'—Yohanes 5:28, 29; 11:24, 25.\nEyata ne èle konyi fam le ɣeyiɣi sia me la, enyanya be Yehowa se wò vevesesea gɔme nefa akɔ na wò. Sidzedze sia kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le asiwò nafa wò nuxaxa nu ahakpe ɖe ŋuwò nàkpe akɔ kple wò lɔlɔ̃tɔa ƒe ku.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 15 Ne èhiã alesi woakpe akɔ kple nuxaxa ƒe kpekpeɖeŋu la, ke kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 14-19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010708\/%C3%90e-W%C3%B2gbl%E1%BA%BD-be-Woafa-Konyia\/","date":"2021-06-12T18:27:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487586239.2\/warc\/CC-MAIN-20210612162957-20210612192957-00280.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977591634,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977591633796692}","num_words":934,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.004,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO April 8, 2003 Sɔhɛwo Kple Atikevɔ̃ɖiwo Alesi Nàkpɔ Viwòwo Tae Xexe si me Atikevɔ̃ɖizazã Manɔ O—Ava Kpuie Alɔ̃dɔdɔ—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe? Alesi Nàwɔ Wò Alɔ̃dɔdɔ Nanyo Ðe Edzi Nukae Nye Ŋutilãmenudidi? Videohaƒoƒowo—Aleke Mawɔ Awɔ Tiatia Nyuiwo? Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe Tsaɖiɖi Yi Akɔɖugble Aɖe Me Akantɔwo Ƒe Lododowo—Alesi Wowɔa Wo Ŋudɔe le Hadomegbenɔnɔ Me","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030408\/","date":"2021-06-13T18:52:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487610196.46\/warc\/CC-MAIN-20210613161945-20210613191945-00322.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996046424,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996046423912048}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.176,"stopwords_ratio":0.151,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu. Ƒu to anyi ɖe nye nugɔmesese ŋu nyuie,+ 2 Ne nàdzɔ wò tamebubuŋutete ŋuEye wò nuyiwo nedzra sidzedze ɖo.+ 3 Elabena nyɔnu dzeha* ƒe nuyiwo le abe anyixe si le anyitsi tsyɔm ene,+Eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami.+ 4 Ke mlɔeba la, evena abe atsa ene+Eye wòɖana abe yi nuevee ene.+ 5 Eƒe afɔwo ɖi abu yina ku gbɔ. Eƒe afɔɖeɖewo ɖo ta Tsiẽƒe* tẽe. 6 Mebua agbemɔ ŋu kura o. Eƒe mɔwo glɔ̃, evɔ eya ŋutɔ menya afi si wòɖo tae o. 7 Eya ta vinyewo, miɖo tom,Eye migado toku nye numenyawo o. 8 Te ɖokuiwò ɖa xaa tso nyɔnu sia tɔgbi gbɔ;Eye mègagogo eƒe agbo nu o,+ 9 Ne nàgatsɔ wò bubu ana ame tutɔ+Alo ase veve le ƒe siwo gbɔna me o;+ 10 Ne amedzro nagaɖu wò nunɔamesiwo,*+Alo nu siwo nèkpe fu kpɔ la nagava tsi ame tutɔ ƒe me o. 11 Ne menye nenema o la, àva nɔ hũ ɖem le wò agbe ƒe nuwuɣi,Ne wɔna vɔ le wò ŋutilã kple wò ametia ŋu,+ 12 Eye nàgblɔ be: \"Ao, nu ka ŋuti melé fu amehehe! Nu ka ŋuti nye dzi do vlo mokaname! 13 Nyemese ame siwo le nu fiamem ƒe gbe o,Eye nyemelé to ɖe nye nufialawo ŋu o. 14 Tsɔtsrɔ̃ ƒe agbo nu kee meva do ɖoLe ameha blibo la dome.\"*+ 15 No tsi tso wò ŋutɔ wò tsido meKple tsi dzidzi* tso wò ŋutɔ wò vudo me.+ 16 Ðe wò tsi adzi agbagba ɖe kpɔdomee,Eye wò tsiwo asi ato ablɔwo mea?+ 17 Wò ɖeka tɔ ko wòanye,Ke menye wò kple ame bubu tɔe o.+ 18 Wò tsidzɔƒe nanye yayra,Eye nàkpɔ dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃,+ 19 Eya, si nye zinɔ lɔlɔ̃a kple agamegbɔ̃ dzeani+ la. Eƒe nowo neɖi kɔ na wò* ɣesiaɣi. Eƒe lɔlɔ̃ nena nànɔ ya mum ɖaa.+ 20 Ekema vinye, nu ka ŋuti nyɔnu dzeha* ana nànɔ ya mum,Alo nàku asi alime na nyɔnu ahasitɔ?*+ 21 Elabena amegbetɔ ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋkume;Eléa ŋku ɖe eƒe toƒewo katã ŋu.+ 22 Ame vɔ̃ɖi ŋutɔ ƒe vodadawo azu mɔ̃ aɖee,Eye eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe kawo aɖee.+ 23 Eya ŋutɔe aku, elabena mexɔ amehehe o,Eye eƒe bometsitsi vivivo akplɔe atrae.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nagaxɔ wò ŋusẽ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Le ameha la kple ha la dome.\"\n^ Alo, \"tsi nyui.\"\n^ Alo, \"nemu wò.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/lododowo\/5\/","date":"2021-06-16T08:48:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487622234.42\/warc\/CC-MAIN-20210616063154-20210616093154-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990259409,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990259408950806}","num_words":365,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔse Si Nɔ Te Le Fuwɔamewo Me\nƑE 60 kloe enye sia la, Mina Esch xɔ fotogbalẽvi si megbe woŋlɔ lɛta kpui aɖe ɖo tso srɔ̃aŋutsu Peter gbɔ. Nya siwo wotsɔ asi ŋlɔe la nɔ kpuie eye eme hã mekɔ o. Ke hã dzi dzɔe eye eƒe dzi dze eme be yexɔe. Nazi dziɖuɖua de Mina srɔ̃ fuwɔamegaxɔ me le Buchenwald le esi wònye Yehowa Ðasefo ta. Woŋlɔ nya kpui sia ɖe fotogbalẽvia megbe be: \"Gamenɔla la tri to kpɔtɔ nye Biblia Nusrɔ̃vi [si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefo ɣemaɣii] . . . Le susu sia ɖeɖe dzaa ta la, woxe mɔ nɛ be wòagaxɔ agbalẽ alo lɛta siwo ŋu se ɖe mɔ ɖo gɔ̃ hã o.\" Nya siawo na Mina nya be Peter kpɔtɔ lé eƒe xɔse me ɖe asi.\nWohaya fotogbalẽvi sia, si zu belibeli hebiã fifia na Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe—Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ƒe Ŋkuɖodzinu si Li, le Battery Park, New York City. Fotogbalẽvi ma kple Peter Esch ƒe foto, ƒo nu tso afɔku dziŋɔ aɖe si dzɔ ɖe ameƒomea dzi la ƒe akpa vi aɖe ŋuti—eyae nye Ametsɔtsrɔ̃ Gã la—esi me Yudatɔ miliɔn ade tsrɔ̃ le. Nu vevi siwo le blemanudzraɖoƒeae nye foto siwo wu 2,000 kple blema dekɔnuwo ŋuti asinudɔwɔwɔ 800 siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo tso ƒe 1880 ƒeawo me vaseɖe fifia ŋu, eye Ametsɔtsrɔ̃ Gã la hã le eme. Nukatae Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒea nye teƒe si dze woada Peter Esch ƒe lɛtaa ɖo be amewo nakpɔ?\nBlemanudzraɖoƒea ƒe ŋutinyaŋlɔla Ðk. Jud Newborn ɖe eme be: \"Blemanudzraɖoƒea ƒe taɖodzinue nye be wòaƒo nu tso Yudatɔwo ƒe ŋutinya ŋu. Woti Yehowa Ðasefowo yome le woƒe Ðasefonyenye ta. Woti Ðasefoawo yome le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ɖeɖe dzaa ta, kple le esi womedea vovototo amewo dome le woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ta o, eye womekaa atam tsɔa wo ɖokui naa xexeametɔ dziɖula vɔ̃ɖi si tea amewo ɖe anyi o ta. Eye womekpɔ gome le eƒe aʋawɔwɔ me hã o. . . . Yudatɔwo ʋli be yewoalé yewoƒe kɔnuwo kple dzixɔsewo me ɖe asi le yometiti sẽŋu me. Blemanudzraɖoƒea ƒo nu tso alesi wonɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu le gbɔgbɔ me gome la ŋu. Le susu ma ta dɔwɔƒe sia dea bubu Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse le Nazi ɣeyiɣiawo me hã ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.\"\nLɛta tsɛ ma si woda ɖe Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe hena ɣeyiɣi aɖe la ƒo nu tso alesi ŋutsu aɖe ʋli esime wodo eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ la ŋuti. Peter Esch do dzi le fuwɔame siwo me wòto le Nazi gaxɔwo me la me, eye eƒe xɔse kpɔtɔ li ke.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nYudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe, le New York City\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]\nWode Esch, si nye Yehowa Ðasefo gaxɔ me tso ƒe 1938 vaseɖe 1945 le esi wògbe be yemaɖe asi le yeƒe dzixɔsewo ŋu o ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000408\/X%C9%94se-Si-N%C9%94-Te-Le-Fuw%C9%94amewo-Me\/","date":"2021-06-14T09:50:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487611641.26\/warc\/CC-MAIN-20210614074543-20210614104543-00212.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986580014,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986580014228821}","num_words":464,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2002 Nukatae Wòsesẽ Ŋutɔ be Woaɖe Kuku? Kukuɖeɖe—Enye Mɔ Nyuitɔ si Dzi Woato Awɔ Ŋutifafa Fiaɖuƒe Akpatawo Le Ʋuʋu Ði na Amesiame \"Miaƒe Anyinɔnɔ Le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie\" Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo Le Ŋkeke Mamlɛawo Me Míelé Míaƒe Dɔdasi Me Ðe Asi Amesiwo Kpe Asi Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu—Ɣemaɣi Kple Fifia Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021101\/","date":"2021-06-18T04:45:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487635724.52\/warc\/CC-MAIN-20210618043356-20210618073356-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986302853,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986302852630615}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.177,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ENYE nyateƒe be vihehe mele bɔbɔe o. Gake ne womehe ɖeviawo ale si dze o la, ɖeko wògblẽa nyaa ɖe edzi. Nu ka tae? Elabena ne womena hehe ɖeviwo o la, (1) ɖeviwo yia edzi nɔa aglãdzenuwo wɔm si nana agbea tia wo dzilawo, eye (2) dzilawo ƒe nyawo megatoa mɔ ɖeka o eye wònana ɖeviwo tɔtɔna.\nGake vihehe si me lɔlɔ̃ le eye wòda sɔ la kpena ɖe ɖeviwo ŋu wosrɔ̃a ale si woabu tame kple ale si woanɔ agbe nyui. Enana ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie ne wole tsitsim. Gake afi kae míate ŋu akpɔ mɔfiame adodoewo le atsɔ ahe ɖeviwo?\nBiblia Ƒe Mɔfiamewo Nyo Na Vihehe\nYehowa Ðasefowo, ame siwo nye magazine sia talawo, xɔe se be Biblia me nyawo nyo \"na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe.\" (2 Timoteo 3:16) Mɔfiame siwo nyo na vihehe kple esiwo akpe ɖe ƒomewo ŋu siaa le Biblia me. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.\nBIBLIA GBLƆ BE: \"Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.\"\nTogbɔ be ɖeviwo tea ŋu wɔa nu nyuiwo hã la, wowɔa bometsinu ɣeaɖewoɣi. Eya ta ehiã be woahe ɖeviwo. (Lododowo 13:24) Ne dzilawo kpɔ esia dze sii la, akpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo nyuie.\nBIBLIA GBLƆ BE: \"Mègagbe tohehe na vi o.\"\nMele be nàvɔ̃ be hehe si da sɔ nana viwòwo agblẽ nu le wo ŋu alo ana woava lé fu ye ne wotsi o. Ne èhea to na viwòawo lɔlɔ̃tɔe la, ana woasrɔ̃ ale si woabɔbɔ wo ɖokuiwo awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo dzi ne wogbe nya na wo, eye woava hiã nɔnɔme sia ne wotsi gɔ̃ hã.\nBIBLIA GBLƆ BE: \"Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.\"\nDzilawo dina vevie be yewoakpɔ yewo viwo ta, eye esɔ nenema hã. Ke hã, ehiã be woada asɔ. Maɖe vi aɖeke na viwòwo ne èxɔa nya ɖe wo ta ne wowɔ nu gbegblẽ alo ʋlia wo ta ne woƒe nufialawo alo ame tsitsi aɖe gblɔ woƒe nu gbegblẽ si wowɔ la na wò o. Bu ame siawo be wonye yeƒe kpeɖeŋutɔwo boŋ. Ne èwɔe alea la, ke èle viwòawo fiam be woade bubu ame tsitsiwo ŋu, eye woade bubu wò ŋutɔ hã ŋuwò.—Kolosetɔwo 3:20.\nBIBLIA GBLƆ BE: \"Vi si womekpla o la dea ŋukpe mo na dadaa.\"\nHe viwòwo le lɔlɔ̃ me, wò nya neto mɔ ɖeka, eye nàda sɔ\nMele be dzilawo nasẽ tagbɔ le wo viwo ŋu o, gake ehiã be woakpɔ nyuie hã be yewomewɔa vi na wo o. Agbalẽ aɖe (The Price of Privilege) gblɔ be: \"Dzila siwo wɔa vi na wo viwo la menana ɖeviawo kpɔnɛ be ame tsitsiwo tee wòle be yewoanɔ le aƒea me o.\" Ne mèle wò ŋusẽ ŋu dɔ wɔm nyuie o la, viwòa ate ŋu asusu be yee kpɔ ŋusẽ le aƒea me. Eye godogodo la, ava wɔ nane siwo ado nuxaxa na wò kplii siaa.\nBIBLIA GBLƆ BE: 'Ŋutsu aku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.'\nLe Biblia ƒe sedede nu la, ele be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo hafi adzi vi eye woakpɔtɔ anɔ wo nɔewo gbɔ ne wo viawo tsi dzo le wo gbɔ. (Mateo 19:5, 6) Le gɔmesese ma nu la, srɔ̃tɔnyenye ƒe agbae xɔ nɔƒe gbãtɔ hafi dzilanyenye ƒe agba kplɔe ɖo. Ke hã ne wotsɔ dzilanyenye ƒe agba va ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ana ɖevia nabu \"eɖokui ŋu wu ale si dze.\" (Romatɔwo 12:3) Ne srɔ̃tɔwo tsia dzi ɖe wo viwo ŋu wu wo nɔewo la, woƒe srɔ̃ɖeɖea mali ke o.\nNu Si Akpe Ðe Dzilawo Ŋu\nBe dzilawo nate ŋu ahe wo viwo nyuie la, ele be woahe wo wòasɔ ɖe mɔfiame siawo nu.\nHe viwòwo le lɔlɔ̃ me. \"Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.\"\nWò nya neto mɔ ɖeka. \"Mina miaƒe 'Ɛ̃' nanye ɛ̃, eye miaƒe 'Ao' nanye ao.\"—Mateo 5:37.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201504\/vihehe-si-nyo-wu\/","date":"2021-06-13T06:08:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487600396.21\/warc\/CC-MAIN-20210613041713-20210613071713-00008.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986796379,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986796379089355}","num_words":633,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YAME fa nyuie ŋdi ma le Brookings, South Dakota, Amerika, eye míenɔ yame ƒe fafa miamiamia sem. Esia ɖo ŋku edzi nam be madidi o, míaɖo vuvɔŋɔli me. Ke hã, awɔ nuku na wò be gbe ma gbe la, mí ame ʋɛ aɖewo míenɔ ƒoƒom tititi le lãnyiƒe aɖe si me dzoƒuƒe mele o. Eye míenɔ tsitre ɖe lãto si wotsɔ ga wɔe, si me tsi fafɛ le la ŋgɔ! Na magblɔ nye agbemeŋutinya kpui aɖe na wò be nàse nu si tae la gɔme.\nMÍAƑE ƑOMEA\nWodzim le March 7, 1936 dzi. Mí ame enee wodzi eye nyee nye dɔmlɔea. Agblekɔƒe aɖe mee míenɔ le South Dakota ƒe ɣedzeƒe gome. Míaƒe ƒomea léa fɔ ɖe agbledede ŋu, ke hã, menye eyae nye míaƒe dɔwɔna vevitɔ o. Dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1934 me. Woɖe adzɔgbe na Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, eya ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ na wo le agbe me. Tɔnye, si ŋkɔe nye Clarence, nye hamesubɔla (si míeyɔna egbea be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla) eye emegbe tɔgãnye Alfred hã va zu hamesubɔla le míaƒe hame sue si le Conde, South Dakota, la me.\nNu siwo ŋu míaƒe ƒomea léa fɔ ɖo ye nye Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede kple etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu nya gbɔgblɔ na amewo tso aƒe me yi aƒe me. Kpɔɖeŋu siwo mía dzilawo ɖo ɖi na mí kple hehe si wona mí la siaa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mí ɖeviawo dzi. Nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Dorothy zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela esime wòxɔ ƒe ade, eye nenemae wònɔ le nye hã gonyeme. Le ƒe 1943 me la, meŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, si va zu míaƒe kpekpeawo ƒe akpa vevi aɖe ɣemaɣi la me.\nTakpekpe gãwo kple suewo nɔ vevie na míaƒe ƒomea. Meɖo ŋku takpekpe gã si míewɔ le ƒe 1949 me le Sioux Falls, South Dakota, la dzi. Nɔviŋutsu Grant Suiter si nye nuƒola si woɖo ɖe takpekpea me lae ƒo nuƒo si nye, \"Ele Ŋgɔgbe Wu Ale Si Nèbui!\" Ete gbe ɖe edzi be ehiã be Kristotɔ ɖeadzɔgbewo nawɔ woƒe ŋutete katã aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nya nyuia. Esiae ʋãm meɖe adzɔgbe na Yehowa. Nutome sue takpekpe si míewɔ le esia yome le Brookings la mee menɔ lãnyiƒe si fa miamiamia, si ŋu nya megblɔ va yi, henɔ lalam be woanyrɔm ɖe tsi me. Lãto ma si wotsɔ ga wɔe la mee wonyrɔ mí ame ene ɖo, le November 12, 1949 dzi.\nƔemaɣie meɖoe nye taɖodzinu be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Medze mɔɖeɖedɔa gɔme le January 1, 1952 dzi, esime mexɔ ƒe 15. Biblia gblɔ be: \"Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.\" Nunyala geɖe nɔ nye ƒomea me, eye wode nyametsotso si mewɔ be mawɔ mɔɖeɖedɔa dzi. (Lod. 13:20) Tɔgãnye Julius si xɔ ƒe 60 ɣemaɣi la va zu nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me. Togbɔ be menye hatiwo míenye o hã, míekpɔ dzidzɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖekae. Mesrɔ̃ nu geɖe tso nunya kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su esi le agbe me la me. Eteƒe medidi o, Dorothy hã dze mɔɖeɖedɔa gɔme.\nNUTOME SUE DZIKPƆLAWO TSƆ ÐE LE EME NAM\nTso nye ɖevime ke la, dzinyelawo kpe nutome sue dzikpɔla geɖewo kple wo srɔ̃wo wova dze mía gbɔ. Nɔviŋutsu Jesse Cantwell kple srɔ̃a Lynn wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Woƒe dzideƒoname hã le eme tae metso nya me be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Ale si wotsɔ ɖe le eme nam la ʋãm be maminya teokrasitaɖodzinuwo. Ne wova le hame siwo tsɔ mía gbɔ srãm kpɔ la, ɣeaɖewoɣi la, wokpeam be mava wɔ ɖeka kpli yewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia vivia nunye ŋutɔ eye wòdoa ŋusẽm hã!\nEmegbe, Nɔviŋutsu Bud Miller kple srɔ̃a Joan ye va srã míaƒe hamea kpɔ. Kaka maxɔ ƒe 18 la, dziɖuɖua bia tso asinye be mava wɔ asrafodɔ. Wobia tso asinye be mawɔ dɔ aɖewo siwo mekpɔ be wotsi tsitre ɖe se si Yesu de be míagade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o la ŋu. Evɔ medi be maɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia. (Yoh. 15:19) Eya ta, meɖe kuku na dɔwɔƒe si xɔa amewo ɖe asrafodɔ me la be woabum nyanyuigblɔlae ale be nyemawɔ asrafodɔ o.\nEwɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be Nɔviŋutsu Miller tso le eɖokui si be yeakplɔm míayi dziɖuɖudɔwɔƒea esi ɣeyiɣia de be maɖaɖe ɖokuinye nu. Enye ame aɖe si ƒo dzi le, eye mesia ame ŋkume o. Dzi ɖo ƒonye ŋutɔ be nɔviŋutsu sia si tsi le gbɔgbɔ me la nɔ ŋunye! Esia megbe la, dɔwɔƒe si xɔa ame ɖe asrafodɔ me la lɔ̃ ɖe edzi le ƒe 1954 ƒe dzomeŋɔli me be menye nyanyuigblɔla. Esia ʋu mɔ nam mete ŋu ɖo nye teokrasitaɖodzinu bubu gbɔ.\nƔemaɣi lɔƒo la, wokpem be mava Betel, ne mawɔ dɔ le afi si míeyɔna ɣemaɣi be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Agble dzi, le Staten Island, New York. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ le afi ma ƒe etɔ̃ aɖewo. Esia wɔe be nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su asinye, elabena mewɔ dɔ aduadu kple nunyala geɖewo.\nBETEL SUBƆSUBƆDƆ\nRadiodɔwɔƒe si nye WBBR hã nɔ agble si nɔ Staten Island la dzi. Yehowa Ðasefowo zã radio ma tso ƒe 1924 me va ɖo ƒe 1957 me. Betel-ƒomea me tɔ 15 va ɖo 20 koe wode dɔ asi na le agblea dzi. Mía dometɔ akpa gãtɔ nye sɔhɛ siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o. Ke hã, nɔviŋutsu tsitsi si ŋkɔe nye Eldon Woodworth, si nye amesiamina la, nɔ mía dome. Edze nunya vavã. Ale si wòtsɔ ɖe le eme na mí abe viawo ene la na míeli ke le gbɔgbɔ me. Ne míaƒe blibomademade wɔe be kuxiwo do mo ɖa ɣeaɖewoɣi la, Nɔviŋutsu Woodworth gblɔna be, \"Oo ewɔ nuku ŋutɔ be Aƒetɔ la le ame madeblibowo zãm tsɔ le dɔ gãwo wɔm.\"\nMɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Nɔviŋutsu Frederick W. Franz hã nɔ mía dome. Ale si gbegbe wòse Ŋɔŋlɔawo gɔme kpakple eƒe nunya siaa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mí katã dzi, eye etsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míaƒe nuɖalae nye Nɔviŋutsu Harry Peterson; enɔ bɔbɔe na mí be míayɔ ŋkɔ sia nɛ tsɔ wu eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Papargyropoulos. Amesiaminae eya hã nye eye dzo nɔ eme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ale gbegbe. Nɔviŋutsu Peterson wɔa eƒe Betel dɔdeasiwo nyuie gake mefena kple gbeadzisubɔsubɔdɔa kura o. Emaa magazine alafa geɖe ɣleti sia ɣleti. Eya hã nya Ŋɔŋlɔawo nyuie ŋutɔ, eye eɖo míaƒe biabia geɖewo ŋu na mí.\nMESRƆ̃ NU TSO NƆVINYƆNU SIWO DZE NUNYA GBƆ\nMíetrɔa asi le agblemenuawo ŋu hedea wo nugoewo kple atukpawo me le xɔ aɖe si le agblea dzi la me be woagagblẽ kaba o. Ƒe sia ƒe la, míedea atikutsetsewo kple amagbewo nugoe 45,000 me alea hena Betel-ƒome bliboa ƒe zazã. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kple Nɔvinyɔnu Etta Huth; edze nunya vavã. Eyae fiaa mɔ si dzi míezɔna ɖo dea agblemenuawo nugoewo me la mí. Ne ɣeyiɣia de be míade agblemenuawo nugoeawo me la, nɔvinyɔnu siwo le nutoa me va kpea asi ɖe dɔa ŋu eye Etta wɔa ɖoɖo ɖe woƒe dɔwɔnawo ŋu. Togbɔ be Etta wɔ akpa vevi aɖe le dɔ sia me hã, eɖɔa ŋu ɖo ɣesiaɣi hedea bubu nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le agblea dzi la ŋu be wòanye kpɔɖeŋu nyui aɖe na nɔvinyɔnuawo. Ðokuibɔbɔ ɖe tanyenye te ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.\nAngela Romano hã nɔ nɔvinyɔnu sɔhɛ siwo va kpea asi ɖe dɔa ŋu la dome. Esi wòxɔ nyateƒea la, Etta kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Aleae wòdzɔe be le nye Betel subɔsubɔdɔa me la, medo go nɔvinyɔnu dzenunya bubu si nye kplii míele subɔsubɔm ɖekae ƒe 58 ye nye esia. Nye kple Angie míeɖe mía nɔewo le April 1958 me, eye míekpɔ dzidzɔ le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ vovovowo me ɖekae. Le ƒe siawo katã me la, Angie ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa tamanamanae wɔe be míaƒe srɔ̃ɖeɖea li ke. Kuxi ka kee ɖadze ŋgɔ mí o, meka ɖe eyama dzi bliboe be awɔ nu le nunya me.\nMÍEWƆ DUTANYANYUIGBƆGBLƆDƆ KPLE DZIKPƆLA MƆZƆLA ƑE DƆA\nEsi wodzra habɔbɔa ƒe radiodɔwɔƒe si nɔ Staten Island la le ƒe 1957 me la, mewɔ dɔ le Brooklyn Betel ɣeyiɣi kpui aɖe. Esia yomee meɖe Angie, esia ta medzo le Betel, eye míewɔ mɔɖeɖedɔa abe ƒe etɔ̃ ene le Staten Island. Ame siwo ƒle míaƒe radiodɔwɔƒea tsɔe wɔ radiodɔwɔƒe bubu si wona ŋkɔe be WPOW, eye mewɔ dɔ kpli wo ɣeyiɣi aɖe.\nNye kple Angie míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe tsɛ ale be wòanya wɔ na mí be míaɖasubɔ le afi sia afi si woahiã mí le. Esia wɔe be le ƒe 1961 ƒe gɔmedzedze la, míete ŋu xɔ dɔdeasi si nye be míanye mɔɖela veviwo le Falls City, Nebraska. Kaka afi ma nɔnɔ nama mí ko la, wokpe mí be míaɖade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, si wowɔna ɣleti ɖeka blibo ɣemaɣi, le South Lansing, New York. Míesrɔ̃ nu geɖe le sukua me, eye míenɔ mɔ kpɔm be míazã nu si míesrɔ̃ le sukua la le subɔsubɔdɔa me ne míetrɔ yi Nebraska. Eya ta, ewɔ nuku na mí ŋutɔ esi wogade dɔ bubu asi na mí be míaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Cambodia! Esi míenɔ dukɔ nyui sia si le Anyieheɣedzeƒe Asia me la, míekpɔ teƒe dzeaniwo, míese ha viviwo eye míeɖu nu viviwo hã; esiawo katã to vovo na nu siwo míenya tsã. Míaƒe didi vevi ye wònye be míakaka nya nyuia le afi ma.\nKe hã, dunyahehe me zitɔtɔwo wɔe be míedzo le dukɔa me yi ɖanɔ South Vietnam. Nublanuitɔe la, mede ƒe eve hafi lãmesẽkuxi sesẽwo va ɖe fu nam o, eya ta wode dzi ƒo na mí be míatrɔ ayi mía de be makpɔ nye lãmesẽnyawo gbɔ. Emegbe esi nye lãme nya sẽ ko la, míegadze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.\nLe March 1965 me la, wona mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa. Nye kple Angie míekpɔ dzidzɔ le nutome sue kple nutome gã dzi kpɔkpɔ dɔa me ƒe 33, eye esia bia be makpɔ dɔ siwo yia edzi do ŋgɔ na takpekpewo kple takpekpeawo ŋutɔ hã dzi. Tso gbe aɖe gbe kee takpekpe gãwo dede doa dzidzɔ nam, eya ta dzidzɔe wònyena nam be makpe asi ɖe ɖoɖoawo ŋu. Míesubɔ le New York City ƒe aɖewo, eye míewɔ takpekpe gãwo le Yankee Stadium zi geɖe.\nMÍETRƆ YI BETEL EYE MEKPE ASI ÐE TEOKRASI SUKUWO ŊU\nDɔ siwo bia kutrikuku, siwo me míekpɔ dzidzɔ geɖe le la nɔ nye kple Angie lalam, abe ale si wònɔna le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔla geɖe gome ene. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1995 me la, wobia tso asinye be mafia nu le Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua me. Ƒe etɔ̃ megbe la, wokpe mí be míaɖawɔ dɔ le Betel. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be megatrɔ va afi si medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa gɔme le ƒe 40 aɖewo do ŋgɔ. Mewɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea hena ɣeyiɣi aɖe, eye mefia nu le subɔsubɔ suku vovovowo me. Le ƒe 2007 me la, Dɔdzikpɔhaa na suku siwo wowɔna le Betel la va le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye menye dɔdzikpɔƒea dzi kpɔla hena ƒe aɖewo.\nƑe aɖewoe nye esia la, míele tɔtrɔ geɖewo teƒe kpɔm le teokrasi hehenasukuwo me. Woɖo Hamemetsitsiwo Ƒe Sukua le ƒe 2008 me. Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, hamemetsitsi siwo wu 12,000 ye de suku sia le Patterson kple Brooklyn Betel. Wole sukunufiala siwo wona hehee la zãm tsɔ le suku sia wɔm le teƒe bubuwo hã fifia. Le ƒe 2010 me la, wova trɔ ŋkɔ na Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua heyɔe be Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku, eye woɖo suku bubu si nye Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku.\nTso ƒe 2015 subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedze la, wova ƒo suku eve mawo nu ƒu ɖekae hena ŋkɔe be Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku. Srɔ̃tɔwo alo nɔviŋutsu trewo alo nɔvinyɔnu trewo ate ŋu ade suku sia. Edo dzidzɔ na nɔviwo le xexea me godoo be wowɔ ɖoɖo be woawɔ suku siawo le alɔdzedɔwɔƒe vovovowo. Dzidzɔ bliboe wònye nam be mɔnukpɔkpɔ va su nɔvi geɖe si be woade teokrasi sukuwo, eye edzɔ dzi nam be medo go ame geɖe siwo wɔ asitɔtrɔ le woƒe agbe me be yewoate ŋu ade suku siawo.\nNe metrɔ kpɔ megbe tso ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na gbe si gbe wonyrɔm le lãtoa me dzi va de asi na egbea la, medaa akpe na Yehowa ɖe nunyala siwo kpe ɖe ŋunye le nyateƒemɔa dzi la ta. Menye wo katãe nye hanyetiwo o, eye wotso teƒe vovovowo. Gake le ememe la, wo katã wolɔ̃ Mawu vevie. Woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ɖee fia be wolɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me. Nunyala geɖewo le Yehowa ƒe habɔbɔa me siwo míate ŋu azɔ kple. Mezɔ kple nunyalawo eye eɖe vi nam vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2017\/z%C9%94z%C9%94-kple-nunyalawo-%C9%96e-vi-ge%C9%96e-nam\/","date":"2021-06-25T09:54:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630081.36\/warc\/CC-MAIN-20210625085140-20210625115140-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987309575,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987309575080872}","num_words":2078,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÈkpɔ ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be \"dziƒo yeye kple anyigba yeye\" ŋuti nyagblɔɖi si le Yesaya 65:17-19 la lɔ nu geɖe ɖe eme wu Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ tso kluvinyenye me ko?\nElabena esi apostolo Petro kple Yohanes nɔ nu ŋlɔm le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, woŋlɔ nu tso emevava le etsɔme, si ƒe akpa aɖewo nye yayra siwo kpɔtɔ le ŋgɔ gbɔna, ŋu. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1-4)—4\/15, axa 10-12.\n• Nuka dzie woanya tu blema Hela xotutu si ku ɖe mawu-afã-amegbetɔ-afã sẽŋutawo ŋu la ɖo?\nAnye nyateƒe si wònye be mawudɔla aɖewo do amegbetɔ ŋutilã va nɔ ŋutasẽsegbe kple agbe gbegblẽ le anyigba dzi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ lae woanya ɖe ami ɖo hetro nenema. (Mose I, 6:1, 2)—4\/15, axa 27.\n• Afɔku kawo ŋue Kristotɔ bibiwo anɔ ŋudzɔ ɖo le srɔ̃kpeƒewo?\nEle vevie be woaƒo asa na aglotutu blibaa, si ate ŋu ado mo ɖa ne aha sesẽ bɔ wono fũ eye ɣe manyatalenuwo ɖuɖu ɖe haƒoƒo bobobo dzi li. Ne womegblɔ be amesiame ate ŋu ava kplɔ̃a ɖoƒe o la, mele be amesiwo womekpe o la nayi o. Ele na ŋugbetɔsrɔ̃a be wòakpɔ egbɔ be Kristotɔ siwo dze anɔ anyi vaseɖe esime wɔnaa nawu enu le gaƒoƒo si sɔ me.—5\/1, axa 19-22.\n• Nukae viŋutsuvi siwo ŋu woƒo nu le le Psalmo 128:3 be wole \"abe amiti fẽwo ene\" le ŋutsu ƒe kplɔ̃ ŋu la fia?\nZi geɖe la, amiti fẽwo tona ɖe amiti ƒe kpe ŋu. Ne atia ŋutɔ va tsi eye megate ŋu le ku tsem o la, ŋusẽ ɖoa yeye siwo dze ƒo xlãe la ŋu. Nenema ke dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ be vi tsekuwo le yewo si siwo le Yehowa subɔm aduadu kpli yewo.—5\/15, axa 27.\n• Viɖe kawoe ɖeviwo kpɔna tsoa ƒomegbenɔnɔ nyui me?\nEnyea gɔmeɖokpe nyui na wo be nukpɔsusu nyui nanɔ wo si ɖe tanyenye ŋu, be woakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔnɔdzidzenu nyuiwo ŋu, eye ƒomedodo si me dzidzɔ le nɔa woa kple ame bubuwo dome. Nɔnɔme sia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woadze xɔlɔ̃ Mawu.—6\/1, axa 18.\n• Nukae wowɔ le Ɣedzeƒe Ʋĩ dukɔ aɖe me be woatsɔ ade dzi ƒo na amewo woanya be Kristotɔwo katã nye nɔviwo?\nWoxlɔ̃ nu hameawo katã be woagayɔ bubudeŋkɔwo na ame aɖewo o. Ke boŋ be woayɔ amewo katã sɔsɔe be nɔviwo.—6\/15, axa 21, 22.\n• Ðe Yehowa Ðasefowo xɔa atike si wotsɔ ʋumenu wɔea?\nMíexɔe se be se si Biblia de be 'míatsri ʋu' la tsi tre ɖe ʋu ŋutɔŋutɔ alo emenu veviwo (ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, kple ʋumenugbagbevi gbabɛwo) dodo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Le nu suesue siwo woɖena tsoa ʋumenugbagbevi veviawo me gome la, Kristotɔ ɖesiaɖe nɔa te ɖe nusi Biblia gblɔ kple eya kple Mawu dome ƒomedodo dzi wɔa eya ŋutɔ ƒe nyametsotso.—6\/15, axa 29-31.\n• Ðe woate ŋu akpɔ dzidzeme egbea nyateƒea?\nẼ. To Biblia dzi la, Yesu Kristo le mɔ fiam amewo yi tadedeagu dzadzɛtɔ kple dzidzeme si woɖɔ le Yesaya 32:18 gbɔe. Gakpe ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ le amesiwo si dzidzeme sia le susum si be ŋutifafa mavɔ ava su wo si le anyigba dzi wòanye Psalmo 37:11, 29 ƒe emevava.—7\/1, axa 7.\n• Akpa kae George Young wɔ le egbe teokrasi ŋutinya me?\nTso ƒe 1917 me la, eɖee fia be yenye Fiaɖuƒe nyanyuia ƒe akaɖitsɔla le dukɔ geɖe me. Eƒe subɔsubɔdɔa kplɔe tsa le Canada bliboa katã, yi Carib-ƒukpowo dzi, Brazil kple dukɔ bubu siwo le Anyiehe Amerika, Titina Amerika, Spain, Portugal, afisi woyɔna tsã be Soviet Union, kple United States.—7\/1, axa 22-7.\n• Nuka fiam Korintotɔwo I, 15:29 le esi wògblɔ be ame aɖewo 'na wonyrɔ wo le ame kukuwo nyenye ta'?\nNusi fiam wòle enye be ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔwo la, wonyrɔa wo ɖe agbenɔnɔ si kplɔa ame yia ku me eye emegbe woava tsi tre ayi dziƒogbenɔnɔ me la me.—7\/15, axa 17.\n• Nuka wɔmee apostolo Paulo nɔ le ɣeyiɣi si woyɔ be ƒe siwo me womese eŋkɔ o la me?\nAnye be enɔ kpekpeɖeŋu nam wonɔ hamewo ɖom le Siria kple Kilikia alo nɔ ŋusẽ dom wo. Nɔnɔme sesẽ siwo woyɔ le Korintotɔwo II, 11:23-27 la anya dzɔ le ɣeyiɣi sia me, si fia be enɔ subɔsubɔdɔa dzi vevie.—7\/15, axa 26, 27.\n• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nudidiwo nagakɔkɔ wu mí o?\nÐo ŋku edzi be Yehowa nye nugɔmesenamela. Gbedodoɖa na eyama ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe tamebubu nada asɔ, eye wòɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui. Kpekpeɖeŋu bubue nye be míaɖo dze kple xɔlɔ̃ bibi aɖe axɔ nukpɔsusu bubuwo.—8\/1, axa 29, 30.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000815\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2021-06-19T16:00:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487648373.45\/warc\/CC-MAIN-20210619142022-20210619172022-00206.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981275797,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981275796890259}","num_words":750,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 147\nStanza 1\nAgbegbɔgbɔ, nunana nyui,\nMía luʋɔ ƒe kekeli!\nMíaƒ'a-kɔfala kɔkɔe la,\nVa, nanɔ mia me ɖaa si!\nŊusẽgbɔgbɔ, si edoa go\nTso Fofoa kple Vi la siaa me,\nO ŋutikɔkɔegbɔgbɔ,\nVa dzra míaƒe dzi me ɖo!\nStanza 2\nTsã la étso dziƒo ɖi va,\nAbe dziya gã ene;\nWokpɔ wo ŋutikɔkɔe la,\nSigbe dzo ƒ'a-ɖe ene.\nEgbe éɖi ya fafɛ ko;\nGake dɔ gã, si wɔm nele\nLe amewo ƒe dzi me,\nGale abe tsã ene\nStanza 3\nEya ŋuti mieɖe kuku\nNa wò, O Gbɔgbɔ Kɔkɔe,\nVa nàfia Aƒetɔ Yesu\nƑe lɔlɔ̃ la mí kɔtee,\nBe ne miayɔ eƒe ŋkɔ dzi,\nEye miaɖo to wo ɖaa si,\nAle be miakpɔ xɔxɔ,\nSi enye agbe mavɔ\nStanza 4\nLɔlɔ̃gbɔgbɔ, yɔ mía dzi me\nKpakple Mawu ƒe lɔlɔ̃,\nNe míalɔ̃ mía nɔvi bubu,\nSi hã enye Mawu vi.\nNa be míaɖi anukware\nHalase ɖe mía ku me ke\nBe ne agbefiakuku\nNasu mía si le dziƒo.\nStanza 5\nKafukafu kpl'a-kpedada\nMíana wò, Ggbɔgbɔ Kɔkɔe;\nElabena éle ɖeka\nKple Mawu kple Aƒetɔa.\nWò ŋusẽ kple wò dɔwɔwɔ,\nWò kafukafu le dziƒo;\nWosɔ kple Mawu Fofo\nKple Aƒetɔ Yesu tɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-147\/","date":"2021-09-27T07:37:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.992836237,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9928362369537354}","num_words":186,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"27 Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ eƒe yi gã titri sesẽ la+Atrɔ ɖe Leviatan,* da si le yiyim mii,Leviatan, da si le yiyim gɔdɔgɔdɔ̃ la ŋu,Eye wòawu ƒumelã klitsu si le atsiaƒu me la. 2 Gbe ma gbe la, midzi ha nɛ be:* \"Waingble si ƒe wain tsɔa fu!+ 3 Nye, Yehowa, mele eŋu dzɔm.+ Medea tsii ɣesiaɣi.+ Medzɔa eŋu zã kple keli,Ale be ame aɖeke nagagblẽ edome o.+ 4 Dzi megale kuyem o.+ Ame kae atsɔ ŋù kple gbe akpem le aʋa la me? Matu afɔ wo dzi ahatɔ dzo wo katã zi ɖeka. 5 Negbe ɖeko wòatrɔ ɖe nye mɔ́ sesẽ la ŋu. Ne wòawɔ ŋutifafa kplim;Ŋutifafa ko wòawɔ kplim hafi.\" 6 Le ŋkeke siwo gbɔna me la, Yakob ato ke,Israel adze ahaƒo se,+Eye woƒe kutsetsewo ayɔ anyigba la dzi fũu.+ 7 Ðe woaƒoe abe ale si woƒo eƒolawo enea? Alo ɖe woawui abe ale si wowu eƒe amewo enea? 8 Ne èle enyam ɖa la, àtsɔ ŋɔdziɣli awɔ avu kplii. Atsɔ eƒe ya sesẽ la akplɔe ɖa le gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo.+ 9 Eya ta alea ko woawɔ hafi alé avu ɖe Yakob ƒe vodada ta,+Eye ne eɖe eƒe nu vɔ̃ ɖa la, kutsetse si ado tso emee nye esi: Agbã vɔsamlekpui la ƒe kpewo katãAbe akalokpe siwo wotu la ene,Eye womagblẽ Aserawo* kple nu siwo dzi wodoa dzudzɔ ɖo la ƒe ɖeke ɖi o.+ 10 Elabena du sesẽ la aɖi gbɔlo;Woaɖe asi le lãnyiƒewo ŋu, eye woagblẽ wo ɖi abe gbegbe ene.+ Nyivi aɖu gbe le afi ma, eye afi mae wòatsyɔ akɔ ɖo;Eye wòaɖu eƒe atilɔwo keŋkeŋ.+ 11 Ne eƒe alɔawo ƒu la,Nyɔnuwo ava ŋe woAtsɔ wo ado dzoe. Elabena dukɔ masenugɔmee wònye.+ Esia tae wo Wɔla makpɔ nublanui na wo o,Eye Ame si mè wo la mave wo nu o.+ 12 Gbe ma gbe la, Yehowa aƒo kutsetseawo woadudu tso Tɔsisi* la nu va se ɖe Egipte-tɔʋu la nu,+ eye woafɔ mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.+ 13 Gbe ma gbe la, woaku lãdzo gã aɖe,+ eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria-nyigba+ dzi kple ame siwo kaka ɖe Egipte-nyigba+ dzi la ava de ta agu na Yehowa le to kɔkɔe la dzi le Yerusalem.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Ðewohĩ Israel ye wowɔnɛ, woƒo nu tso eŋu le afi sia abe nyɔnu ene, eye wotsɔe sɔ kple waingble.\n^ Efia, Frat-tɔsisi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/27\/","date":"2021-09-19T10:56:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780056856.4\/warc\/CC-MAIN-20210919095911-20210919125911-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999153018,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991530179977417}","num_words":370,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAme ka ƒe dɔe wònye be wòafia nu ɖeviwo tso gbɔdɔnyawo ŋu? Biblia gblɔ be dzilawo ƒe dɔe, eye aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ɖe vi na dzila geɖewo:\nMegakpe ŋu na wò o. Biblia ƒo nu tso gbɔdɔnyawo kple míaƒe vidzinuwo ŋu tẽe. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu gblɔ na Israel-dukɔa be woafia nu \"ɖeviwo\" ku ɖe nu siawo ŋu. (5 Mose 31:12; 3 Mose 15:2, 16-19) Àte ŋu azã nya siwo dze to atsɔ afia nu viwòa tso gbɔdɔnyawo ŋu evɔ manye nya siwo ana wòabu vidzinuwo be wonye ŋukpenanuwo o.\nNɔ efiam vivivi. Le esi nàfia nu gbogbo aɖewo viwòa tso gbɔdɔnyawo ŋu gbe ɖeka ko ne ele sɔhɛme ɖom la, nɔ nu fiamee vivivi tso eŋu le ale si wòate ŋu ase egɔmee nu.—1 Korintotɔwo 13:11.\nFia agbe nyui nɔnɔe. Wotea ŋu fiaa nanewo ɖeviwo tso gbɔdɔnyawo ŋu le suku. Ke hã, Biblia de dzi ƒo na dzilawo be woafia nu wo viwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu, menye tso vidzinuwo ŋu ɖeɖe ko o. Ele be woafia nɔnɔme nyuitɔ kple susu nyuitɔ si dze be wòanɔ wo si ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu la wo.—Lododowo 5:1-23.\nLé to ɖe viwò ƒe nyawo ŋu. Mègado dziku alo atsi klokloklo abu fɔ viwòa ne ele nya biam wò tso gbɔdɔnyawo ŋu o. Ke boŋ 'ɖe abla le nusese me, eye nànɔ blewu le nuƒoƒo me.\"—Yakobo 1:19..\nAle si nàwɔ akpɔ viwò ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me\nSrɔ̃ nu tso wo ŋu. Srɔ̃ nu tso ale si ɖevigbɔdɔlawo wɔa nui la ŋu—Lododowo 18:15; kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Babla 1 ƒe ta 32 (Les jeunes s'interrogent — Réponses pratiques, Babla 1 ƒe ta 32).\nWò ŋku nenɔ viwòa ŋu. Hafi nàda viwòa ɖe ame aɖe gbɔ la, ehiã be wòanye ame si ŋu kakaɖedzi le, eye mègaɖe mɔ viwòa nazu 'vi si womekpla o.'—Lododowo 29:15.\nFia nu siwo me masɔ le be wòaɖo to ame tsitsiwo o lae. Ele be woafia ɖeviwo be woabu wo dzilawo. (Kolosetɔwo 3:20) Gake ne èfia viwòa be ele be wòaɖo to ame tsitsiwo le nu sia nu me la, ke èle edem afɔku me, amewo ate ŋu agblẽe. Dzila Kristotɔwo ate ŋu agblɔ na wo viwo be, \"Ne ame aɖe gblɔ na wò be nàwɔ nane si Yehowa de se be míagawɔ o la, gbe.\"—Dɔwɔwɔwo 5:29.\nFia mɔnu bɔbɔe aɖewo siwo dzi wòato akpɔ eɖokui ta lae. Fia viwòa nu si wòawɔ ne ame aɖe di be yeade asi eŋu ne mèle aƒe me o. Ne èhe eƒe susu yi nu siwo ate ŋu adzɔ dometɔ aɖe dzi eye nèwɔ ale si tututu wòle be wòawɔ nui wòkpɔ la, dzi aɖo eƒo wòagblɔ na ɖevigbɔdɔla ɖe sia ɖe be, \"Dzudzɔ! Ne mèdzudzɔ oa, magblɔe na papa kple dada!\" ahasi le teƒea kaba. Ate ŋu ahiã be nànɔ 'eku ɖe to me' nɛ edziedzi, elabe ɖeviwo tea ŋu ŋlɔa nu be kaba.—5 Mose 6:7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/dzilawo-fia-nu-wo-viwo-tso-gb%C9%94d%C9%94nyawo-%C5%8Bu\/","date":"2021-09-25T05:09:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057589.14\/warc\/CC-MAIN-20210925021713-20210925051713-00037.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968502522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968502521514893}","num_words":469,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"14 Ɣemaɣi la, nutodziɖula Herodes se Yesu ŋu nya,+ 2 eye wògblɔ na eŋumewo be: \"Yohanes Amenyrɔɖetsimela lae nye ame sia. Wofɔe tso ame kukuwo dome, eya tae wòte ŋu le ŋusẽdɔwo wɔm ɖo.\"+ 3 Do ŋgɔ na esia la, Herodes* lé Yohanes heblae de gaxɔ me le Herodia si nye nɔviaŋutsu Filipo srɔ̃ la ta.+ 4 Elabena Yohanes gblɔna nɛ enuenu be: \"Mele se nu be nàxɔe aɖe o.\"+ 5 Gake togbɔ be edi be yeawui hã la, enɔ vɔvɔ̃m na ameha la, elabena wobua Yohanes nyagblɔɖilae.+ 6 Ke esi wole Herodes ƒe dzigbezã+ ɖum la, Herodia vinyɔnu va ɖu ɣe le azãɖuƒea wòdze Herodes ŋu ale gbegbe,+ 7 eya ta eka atam do ŋugbe na nyɔnuvia be yeana nu sia nu si wòabia lae. 8 Esi dadaa de gbe to me nɛ ta la, egblɔ be: \"Tsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba sia me nam.\"+ 9 Togbɔ be ete ɖe fia la dzi hã la, le atam si wòka le ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii ŋkume ta la, eɖe gbe be woatsɔe anae. 10 Eya ta edɔ woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me. 11 Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia wòtsɔ yi na dadaa. 12 Emegbe eƒe nusrɔ̃lawo va kɔ eƒe kukua yi ɖaɖi, eye wova ka eta na Yesu. 13 Esi Yesu see la, eya ɖeka ɖo tɔdziʋu dzo le afi ma yi teƒe tsoabo aɖe. Gake esi amehawo see la, woto afɔ tso duawo me dze eyome.+ 14 Esi wòɖi go la, ekpɔ ame gbogbo aɖewo, woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.+ 15 Ke esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be: \"Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom; ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.\"+ 16 Ke Yesu gblɔ na wo be: \"Mehiã be woadzo o; miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.\" 17 Woɖo eŋu nɛ be: \"Naneke mele mía si le afi sia o, negbe abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve ko.\" 18 Egblɔ be: \"Mitsɔ wo vɛ nam.\" 19 Eye wògblɔ na amehawo be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi. Eye wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo, ewu mo dzi kpɔ dziƒo heyra ɖe wo dzi,+ eye esi wòŋe aboloawo me vɔ la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehawo. 20 Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, eye woyɔ kusi wuieve.+ 21 Ke ame siwo ɖu nua la anɔ ŋutsu akpe atɔ̃, womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya o.+ 22 Emegbe ena eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋua dze eŋgɔ yi go kemɛ dzi, eye eya ŋutɔ do mɔ amehawo.+ 23 Esi wòdo mɔ amehawo vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be yeado gbe ɖa.+ Esi zã do la, eya ɖeka nɔ afi ma. 24 Afi si tɔdziʋua ɖo ɣemaɣi la gbɔ didi ʋĩi* tso gota, eye ƒutsotsoewo nɔ tɔdziʋua nyamam, elabena ya ƒo va le wo kpem. 25 Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* me la, ezɔ to ƒua dzi gbɔna wo gbɔ. 26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, dzika tso wo ƒo eye wogblɔ be: \"Drɔ̃e yea?\" Eye vɔvɔ̃ ɖo wo wodo ɣli. 27 Ke Yesu ƒo nu kpli wo enumake be: \"Milé dzi ɖe ƒo! Nyee; migavɔ̃ o.\"+ 28 Petro ɖo eŋu nɛ be: \"Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.\" 29 Egblɔ be: \"Va!\" Ale Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli be: \"Aƒetɔ, xɔ nam!\" 31 Enumake Yesu do asi ɖa lée gblɔ nɛ be: \"Wò xɔseʋɛtɔ, nu ka ŋuti nèke ɖi?\"+ 32 Esi woge ɖe tɔdziʋua me la, ya sesẽ la tɔ. 33 Eye nusrɔ̃la siwo le tɔdziʋua me la bɔbɔ nɛ gblɔ be: \"Mawu Vie nènye vavã!\" 34 Eye wotso ƒua va ɖi go ɖe Genezaret-nyigba dzi.+ 35 Esi afi ma tɔwo kpɔe dze sii la, woɖo du ɖe woƒe nuto blibo la katã me, eye wokplɔ dɔnɔwo katã va egbɔ. 36 Eye wova ɖe kuku nɛ vevie be yewoaka asi eƒe awu toga teti ko,+ eye ame siwo katã ka asi eŋu la ƒe lãme sẽ keŋkeŋ.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"stadio geɖe.\" Stadio ɖeka le meta 185.\n^ Efia, fɔŋli ga 3 lɔƒo va se ɖe esime agu dze le ŋdi 6 lɔƒo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mateo\/14\/","date":"2021-09-19T12:49:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780056856.4\/warc\/CC-MAIN-20210919095911-20210919125911-00635.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994338751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994338750839233}","num_words":710,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TSÃA, wosusu be ƒudzixe sia ƒe ʋuʋu tso Artik nutoa me yi Antaktika kple tɔtrɔ gbɔ nyea kilometa 35,200. Ke hã, nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe fia be mɔ si xe siawo zɔna didi wu ale si wosusui.\nWotsi mɔ̃ suesuesue aɖewo (geolocators) ɖe xe siawo dometɔ aɖewo ŋu. Mɔ̃ siwo wotsi ɖe wo ŋu siwo ƒe kpekpeme le abe abui tɔ ene la na wokpɔe be xe siawo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa 90,000 kloe yiyi kple gbɔgbɔ, woawoe nye lã siwo zɔ mɔ didi wu si wonya. Wo dometɔ ɖeka dzo yi didiƒe abe kilometa 96,000 sɔŋ ene! Nu ka tae akɔntabubua trɔ?\nAfi ka kee wodze woƒe mɔa zɔzɔ gɔme tsoe o, womezɔa mɔa tẽe o. Abe ale si wòdze le fotoa me ene la, ne woto Atlantik ƒua dzi la, mɔzɔzɔa glɔ̃na abe ŋɔŋlɔdzesi si nye S ene. Nu ka tae? Elabena wowɔa afi si yaa trɔ ɖo la ŋu dɔ.\nLe woƒe agbenɔƒe si nye ƒe 30 me la, ƒudzixe siawo zɔa mɔ si ƒe didime wu kilometa 2,400,000. Esia asɔ kple mɔzɔzɔ yi dzinu dzi yiyi kple gbɔgbɔ zi etɔ̃ alo ene! Numekula aɖe gblɔ be: \"Xe sia si ƒe kpekpeme wu gram 100 vie ko la ƒe nuwɔna wɔ nuku ŋutɔ.\" Tsɔ kpe ɖe eŋu la, agbalẽ aɖe (Life on Earth: A Natural History) gblɔ be esi xe siawo nɔa Artik kple Antaktika nutoawo me le dzomeŋɔli ta la, \"wokpɔa kekeli wu lã bubu ɖe sia ɖe ƒe sia ƒe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2017-august\/%C6%92udzixe\/","date":"2021-10-28T20:24:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323588526.57\/warc\/CC-MAIN-20211028193601-20211028223601-00331.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997833848,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978338479995728}","num_words":241,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Esi Petro kple Yohanes yina ɖe gbedoxɔa me le gaƒoƒo asiekelia* dzi le gbedoɖaɣi la, 2 wokɔ ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso esime wodzii la va yi. Wokɔnɛ va dana ɖe gbedoxɔa ƒe agbo si woyɔna be Agbo Nyui la nu gbe sia gbe, ne wòabia nu ame siwo yina ɖe gbedoxɔa me. 3 Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes wole gegem ɖe gbedoxɔa me la, ebia wo be woakpɔ nublanui na ye ana nane ye. 4 Ke Petro kple Yohanes kpɔ eƒe ŋkume dũu eye Petro gblɔ be: \"Kpɔ mí ɖa.\" 5 Eya ta efɔ ŋku ɖe wo dzi gãa hele mɔ kpɔm be yeakpɔ nane tso wo gbɔ. 6 Ke Petro gblɔ nɛ be: \"Klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye la, eyae mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔa me la, zɔ azɔli!\"+ 7 Ale wòlé eƒe nuɖusi be wòatso ɖe tsitrenu.+ Enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔ kple eƒe afɔkɔewo ŋu;+ 8 eye wòti kpo tsi tsitre+ hete azɔli zɔzɔ, eye wòge ɖe gbedoxɔa me kpli wo le zɔzɔm le kpo tim le Mawu kafum. 9 Eye amewo katã kpɔe wòle zɔzɔm hele Mawu kafum. 10 Wokpɔe dze sii be eyae nye ŋutsu si nɔa anyi ɖe gbedoxɔ ƒe Agbo Nyui+ la nu nɔa nu biam, ale woƒe mo wɔ yaa, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo, le nu si dzɔ la ta. 11 Ke esi ŋutsua lé ɖe Petro kple Yohanes ŋu goŋgoŋ la, amewo katã ƒu du va ƒo ƒu ɖe wo ŋu le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe Akpata+ la me, eye woƒe nu ku. 12 Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na ameawo be: \"Israel ŋutsuwo, nu ka tae nu sia le nuku wɔm na mi ale, alo nu ka tae miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo mawusosroɖae na wòzɔ azɔli ene? 13 Abraham kple Isak kpakple Yakob+ ƒe Mawu, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, do eƒe Subɔla,+ Yesu,+ ɖe dzi, ame si miawo miede asi+ hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be eɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi. 14 Ɛ̃, miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ ma gbɔ, eye miebia be woaɖe asi le ŋutsu si nye amewula boŋ ŋu na mi,+ 15 eye miewu Kplɔla Vevitɔ si naa agbe+ la boŋ. Ke Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye míenye nu sia ŋuti ɖasefowo.+ 16 Eƒe ŋkɔ, kple ŋkɔ sia si dzi míexɔ se la, mee ŋusẽ ɖo ŋutsu sia si kpɔm miele henya nyuie la ŋu le. Eye eya dzi xɔxɔ see na ŋutsu sia si le mi katã ŋkume la ƒe lãme sẽ keŋkeŋ le. 17 Ke azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ la, miewɔe le manyamanya me,+ abe miaƒe dziɖulawo ke ene.+ 18 Ke mɔ sia dzie Mawu to na nya siwo wògblɔ do ŋgɔ to nyagblɔɖilawo ƒe nu me be yeƒe Kristo la akpe fu la va eme.+ 19 \"Eya ta mitrɔ dzi me,+ eye migbugbɔ,+ ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa,+ ale be miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa* ŋutɔ gbɔ, 20 ne wòaɖo Kristo si wòtia na mi la ɖa, si nye Yesu. 21 Ele be dziƒo naxɔ ame sia ɖi, va se ɖe ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo, abe ale si Mawu gblɔe to eƒe blema nyagblɔɖila kɔkɔewo ƒe nu me ene. 22 Le nyateƒe me la, Mose gblɔ be: 'Yehowa* mia Mawu aɖo nyagblɔɖila aɖe tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene.+ Miɖo toe le nya siwo katã wòagblɔ na mi la me.+ 23 Le nyateƒe me la, ame sia ame* si maɖo to Nyagblɔɖila ma o la, woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ le dukɔ la dome.'+ 24 Eye nyagblɔɖila siwo katã nɔ anyi tso Samuel dzi, kple ame siwo katã va ɖe eyome la dometɔ geɖe, gblɔ nya ɖi le ŋkeke siawo hã ŋuti.+ 25 Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nu, si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo+ la ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham be: 'Eye to wò dzidzimevi la dzi woayra anyigbadziƒomewo katã.'+ 26 Esi Mawu na eƒe Subɔla la do vɔ la, miawo gbɔe wòdɔe ɖo gbã+ be wòatrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa tso miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo gbɔ, ne wòayra mi.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.\n^ Alo, \"luʋɔ sia luʋɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/3\/","date":"2021-11-30T17:02:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964359037.96\/warc\/CC-MAIN-20211130141247-20211130171247-00134.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994176626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994176626205444}","num_words":683,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nÐe Yesu mele mía si o,\nNublanuitɔwo míanye\nFɔbubu ɖeɖeko dze mí,\nYesu, kpɔ mía nublanui!\nMíeɖe míaƒe xaxa fia wò ,\nBe natrɔ dɔme ɖe mía ŋu.\nStanza 2\nÐe Yesu mele mía gbɔ o,\nMíatsrɔ̃ le xexe sia me.\nElabe wotre mɔ̃ na mí\nLe mía mɔwo katã dzi.\nYɔ mí be, míasi le wo nu\n'Ye míagatrɔ yi wo gbɔ o!\nStanza 3\nKɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe mía dzi,\nBena wòado ŋuse mí!\nNa be míadze yowòme ko\nLe lɔlɔ̃ vavã la me!\nEkem míaƒe zɔzɔ anyo.\nStanza 4\nWò ŋutɔ tu afɔ satan\nFutɔ vɔ̃ la, dzi na mí!\nEnya bena ŋusẽ ɖeke\nMele mía ŋutɔ si o.\nNa wò ŋusẽ nanɔ mía gbɔ,\nVaseɖe sime míaɖu dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-48\/","date":"2021-11-29T21:38:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358842.4\/warc\/CC-MAIN-20211129194957-20211129224957-00221.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9922847152,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9922847151756287}","num_words":119,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.986,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe Wɔ Tiatia Gbegblẽ\nÐEKAKPUI dziɖula kesinɔtɔ la nye nu dzɔdzɔe wɔla, sedziwɔla, kple Mawu vɔ̃la. Ete ɖe Yesu ŋu, dze klo hebiae be: \"Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mavɔ la dome mahã?\"\nLe nyaa ŋu ɖoɖo me la, Yesu ɖee fia be ele be ŋutsua nawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi hafi wòakpɔ agbe. Esi wòbiae be se kawoe hã la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: \"Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o. Bu fofowò kple dawò, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\" Se siawo nye Se vevi siwo wotsɔ na Mose la dometɔ aɖewo. Azɔ ɖekakpuia gblɔ be: \"Mewɔ nusiawo katã dzi; . . . nuka gasusɔ nama?\"—Mateo 19:16-20.\nYesu 'lɔ̃e' hegblɔ nɛ bena: \"Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nàva anɔ yonyeme.\"—Marko 10:17-21.\nEsia na nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ ɖekakpui dziɖulaa. Nu kae wòawɔ? Ðe wòalɔ̃ faa aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu ahazu Yesu yomedzela loo, alo ɖe wòaku ɖe nu siwo le esi ŋua? Ðe wòati anyigbadzikesinɔnuwo yome loo, alo ɖe wòadi be kesinɔnuwo nanɔ ye si le dziƒoa? Ðikeke mele eme o be, nyametsotso sesẽ aɖee nye esia dze ŋgɔe. Edze ƒãa be enye ame aɖe si tsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me, elabena ewɔna ɖe Sea dzi eye wògadi be yeanya nu bubu siwo yeawɔ be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Nyametsotso kae wòwɔ? 'Edzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.'—Marko 10:22.\nÐekakpui dziɖulaa mewɔ nyametsotso si me nunya le o. Ne ɖee wòzu Yesu yomedzela wɔnuteƒe la, anye ne agbe mavɔ si dim wònɔ la ava su esi. Míenya nu si va dzɔ ɖe ɖekakpui sia dzi emegbe o. Gake nu si míenyae nye be, le ƒe blaene megbe la, Roma srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple Yudea ƒe nuto geɖewo. Yudatɔ geɖewo bu woƒe kesinɔnuwo kpakple woƒe agbe.\nTo vovo na ɖekakpui dziɖulaa la, apostolo Petro kple nusrɔ̃la bubuawo ya wɔ tiatia si me nunya le. Wogblẽ \"nuwo katã ɖi\" hedze Yesu yome. Tiatia sia si wowɔ la ɖe vi na wo ale gbegbe! Yesu gblɔ na wo be teƒeɖoɖo geɖe asu wo si wu nu siwo wogblẽ ɖi. Gawu la, woanyi agbe mavɔ ƒe dome. Nyametsotso si wowɔ la mave wo akpɔ gbeɖe o.—Mateo 19:27-29.\nNyametsotsowɔwɔ dzea ŋgɔ mí katã le agbe me—ɖewo meɖia naneke o, ɖewo ya nyea ŋkubiãnya. Nya kae le Yesu si na mí ku ɖe nyametsotso siawo wɔwɔ ŋu? Ðe nàwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzia? Ne èwɔ ɖe edzi la, aɖe vi na wò geɖe ŋutɔ. Na míakpɔ ale si míawɔ adze Yesu yome kple ale si eƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu aɖe vi na míi ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071001\/Dzi%C9%96ula-Kesin%C9%94t%C9%94-A%C9%96e-W%C9%94-Tiatia-Gbegbl%E1%BA%BD\/","date":"2021-12-05T15:58:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964363189.92\/warc\/CC-MAIN-20211205130619-20211205160619-00098.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979044795,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979044795036316}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GENGHIS KHAN, aʋawɔla kalẽtɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe 1100 ƒe ƒeawo mee ɖo Mongolia Fiaɖuƒe gã anyi. Mongolia si li egbea nye fiaɖuƒe ma si nɔ anyi gbe aɖe gbe la ƒe akpa sue aɖe ko. Mongolia le Russia kple China dome, eye wònye anyigbadzidukɔ siwo me amewo mesɔ gbɔ ɖo fũu o la dometɔ ɖeka.\nMongolia-dua ƒe akpa aɖewo nye dzogbenyigba gãwo, to kɔkɔwo, eye tɔsisiwo kple tɔʋuwo hã li. Gobi Gbedadaƒo le dua ƒe anyiehe eye nuto sia xɔ ŋkɔ le blemalã klitsuwo ƒe ƒu siwo ta wokpɔ nyuie le afi ma ta. Mongolia ƒe anyigba kɔkɔ wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme ade meta 1,580. Dua me tɔwo yɔa dua be \"Dziŋgɔli Blɔ Ƒe Anyigba.\" Ŋkɔ sia sɔ na dua ŋutɔ elabe ŋdɔ ʋuna ŋkeke 250 kple edzivɔ ƒe sia ƒe!\nVuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli siaa nu sẽna ŋutɔ le Mongolia. Le dzomeŋɔli la, yame ƒe dzoxɔxɔ tea ŋu yia dzi va ɖoa keke Celsius 40 ke eye wòɖiɖina le vuvɔŋɔli toa Celsius 0 ŋu yia gɔme Celsius 40 ke. Mongoliatɔwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kloe nye tsatsalawo. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa fɔna ŋdi kanyaa dzea woƒe dɔwo gɔme, wofiaa gbɔ̃wo, nyiwo, kposɔwo kple sɔwo ƒe notsiwo. Mongoliatɔwo ƒe nuɖuɖuwo nyea nyinotsi kple bɔta kpakple nyinotsi babla, ʋulãwo, eye alẽlãe vivia wo nu wu.\nMongoliatɔwo wɔa amedzro ŋutɔ. Womedoa woƒe avɔgbadɔawo ƒe ʋɔtruwo o ale be ame siwo zɔ mɔ va yina la nage ɖe wo me agbɔ ɖe me ahaɖu nuɖuɖu vivi siwo woda ɖe wo me. Zi geɖe la, wowɔa tii si me wokɔ nyinotsi kple dze vi aɖe ɖo la na amedzrowo.\nMongoliatɔ akpa gãtɔ nye Buddhatɔwo. Dua me tɔ aɖewo xɔ dzokawo kple gbesawo dzi se, ɖewo hã nye Moslemtɔwo kple Kristotɔwo, eye bubuwo hã be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o. Yehowa Ðasefo 350 ye le Mongolia eye wole Biblia fiam ame 770 kple edzivɔwo fifia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201507\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-mongolia\/","date":"2021-11-30T17:51:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964359065.88\/warc\/CC-MAIN-20211130171559-20211130201559-00435.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991443753,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991443753242493}","num_words":306,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nYesu mede se na eyomedzelawo be woadzi vi loo alo womegadzi vi o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke hã mede se ma tɔgbi o. Biblia me nya aɖeke metsi tre ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ŋu o. Le go sia me la, ele be ame nabu nya si dze le Romatɔwo 14:12 la ŋu. Afi ma gblɔ be: \"Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.\"\nEya ta ekpo ɖe srɔ̃tɔwo ŋutɔ gbɔ be woatiae be yewoadzi vi loo alo yewomadzi vi o. Eye wokpɔ mɔ atso nya me le vi neni si woadzi kple ɣeyiɣi siwo me woadi be yewoadzi wo hã ŋu. Ne ŋutsu aɖe kple srɔ̃a tiae be yewoazã mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnu aɖe si manye fuɖeɖe o la, woawo ŋutɔ woƒe nyae. Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu wo o.—Romatɔwo 14:4, 10-13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/m%C9%94xexe%C9%96efuf%C9%94f%C9%94nu-biblia\/","date":"2022-01-18T11:47:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320300810.66\/warc\/CC-MAIN-20220118092443-20220118122443-00000.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984522462,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984522461891174}","num_words":140,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 474\nStanza 1\nMíexɔ yayra gã tso gbɔwò,\nAƒetɔ, wò ame si lɔ̃ mí,\nEye nèva nɔ mía dome.\nWòe kplɔ mí katã va gbɔwò,\nWòe tsɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe de dzo\nMíaƒe nɔvilɔlɔ̃ la me.\nMíel'a-kpe dam na wò\nTso míaƒe dzi me ke.\nEdze wò be,\nWoakafu wò,\nAsubɔ wò,\nKple dzidzɔ le wò dɔ la me.\nStanza 2\nEsi nèna nuɖuɖu mí,\nYe nèdo ŋusẽ mí nyuie vɔ la,\nMíele mía nɔewo gblẽ ge ɖi.\n'Ya ta míele kuku ɖem be,\nWò yayrasiwo nakplɔ mí ɖo,\nNe wò ʋu naklɔ mía ŋuti.\nNànye mía takplɔla\nAzɔ kpakple ɖaa si;\nNye mía lɔlɔ̃,\nNe àgava\nAƒo mí ƒu\nÐe gbɔwò le dziƒo gbea-ɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-474\/","date":"2022-01-28T10:53:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987326264,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987326264381409}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KAZAKHSTANTƆ geɖe nye tsatsalawo. Va se ɖe egbea, Kazakhstantɔ siwo nye lãkplɔlawo kplɔa woƒe lãhawo yia gbeɖuƒe vovovowo le ale si ɣeyiɣiawo trɔe la nu. Le dzomeŋɔliwo la, wonɔa to siwo dzi fafa le la dzi ale be lãwo nakpɔ gbe aɖu. Ne sno dzaɣi le ɖoɖom la, wokplɔa woƒe lãhawo ɖia abu vaa teƒe siwo dzoxɔxɔ le vie wu.\nKazakhstantɔ aɖewo le dugãwo me. Ke hã, woƒe dekɔnuwo, nuɖuɖuwo kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la katã ɖe ale si wo tɔgbuiwo nye tsatsalawo tsã la fia. Kazakhstantɔwo lɔ̃a hakpanya viviwo gbɔgblɔ, hadzidzi kple haƒoƒo le haƒonu siwo woawo ŋutɔwo wɔ la dzi.\nXɔ siwo wotsɔ avɔ tu, si nye xɔ kpokploe siwo me tsatsalawo nɔna la ɖe ale si wodea asixɔxɔ woƒe dua kple teƒe si wole ŋu la fia. Lãkplɔlawo gadea asixɔxɔ xɔ siawo ŋu, eye Kazakhstantɔ siwo le du gãwo me la nɔa wo me ne wole azãwo ɖum. Xɔ siawo hã nye teƒe siwo tsaɖilawo dzena. Wotsɔa avɔ siwo me nyɔnuwo lɔ̃ nu ɖo, avɔ siwo wolɔ̃ kple anyigbakuntruwo ɖoa atsyɔ na xɔawo me wònyea nukpɔkpɔ.\nKazakhstantɔ siwo le kɔƒewo me la lɔ̃ sɔwo ŋutɔ. Nya vovovo 21 ye Kazakhstantɔwo zãna na sɔ, eye gɔmesese vovovo le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wogazãa nya kple nyagbɔgblɔ siwo wu 30 tsɔ ɖɔa sɔ ƒe amadede. Ne wona sɔ nyui aɖe si le lãmesẽ me ame aɖe la, wobunɛ be enye nu gã aɖe eye wodea asixɔxɔ eŋu. Le kɔƒenutowo me la, ŋutsuviwo srɔ̃a sɔdodo le woƒe ɖevime.\nZi geɖe la, Kazakhstantɔwo meɖua nu ʋulã manɔmee o, eye nu ʋeʋĩ mesɔa gbɔ ɖe woƒe nuɖuɖuwo me o. Kazakhstantɔwo ƒe nunono vevitɔwo dometɔ ɖekae nye koumiss, si wotsɔ sɔ ƒe notsi wɔ, eye wogblɔ be edea ame ƒe lãmesẽ dzi. Woƒe nunono bubue nye shubat. Kposɔ ƒe notsie wotsɔ wɔe, mevivi boo o gake nunyiame le eme.\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Almaty la kpea amewo be woava ɖi tsa le woƒe dɔwɔƒea, eye ame sia ame ate ŋu ava ɖi tsa faa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2017-october\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-kazakhstan\/","date":"2022-01-18T11:27:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320300810.66\/warc\/CC-MAIN-20220118092443-20220118122443-00654.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986515641,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986515641212463}","num_words":336,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 392\nStanza 1\nFofonye, wòe ɖo dzɔgbenyui\nKple dzɔgbevɔ̃e siaa da ɖi nam.\nMaxɔ ɖe sia ɖe kple akpe,\nWò lɔlɔ̃ ayra wo kple 've.\nStanza 2\nWò ame si nya nu sia nu,\nWò koe nya nu si ke nyo nam;\nWò koe kpɔa nyui, si fu sia fu\nAhe vɛ nam le mavɔ me.\nStanza 3\nNe viviti sɔŋ ƒo xlãm keŋ,\nEye luʋɔnye gbɔdzɔ hã,\nWò koe nye nye mɔkpɔkpɔ ɖaa,\nKple nye kekeli le zã me.\nStanza 4\nDzi nagaɖe le ƒonye o!\nMawu nya agba, si wòɖo!\nEnya nu si zu veve nam,\nAte ŋu 'na nu si hiãm lam.\nStanza 5\nEnuenu mefa konyi,\nEnuenu wòe xɔ nam hã.\nFiẽ la mefa avi, gake\nŊufɔke zua dzidzɔgbe nam.\nStanza 6\nÈlɔ̃a xɔxɔname vavã,\nÈwɔa wò nya dzi na mí ɖaa.\nÈgblɔ nam be: Mègavɔ̃ o!\nXɔm se ko, 'ye nàkpɔ xɔxɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-392\/","date":"2022-01-28T12:49:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00679.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981678128,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981678128242493}","num_words":143,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"42 Kpɔ ɖa! Nye subɔla,+ ame si melé ɖe te! Nye ame tiatia,+ ame si ƒe nu dze ŋunye!*+ Metsɔ nye gbɔgbɔ de eme.+Ahe dzɔdzɔenyenye vɛ na dukɔwo.+ 2 Mado ɣli alo ado aƒa o,Eye mana woase eƒe gbe le kpɔdomee o.+ 3 Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o,Eye mele ɖovu bibi si le tsitsim la tsi ge o.+ Ahe dzɔdzɔenyenye vɛ le nyateƒe me.+ 4 Ðeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme magbɔdzɔ o, va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye anyi le anyigba dzi;+Ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe se* la. 5 Ale Mawu vavã Yehowa,Dziƒowo Wɔla, Mawu Gã si hea wo me,+Ame si keke anyigba kple edzinuwo ɖe enu,+Ame si naa agbegbɔgbɔ edzinɔlawo+Kple gbɔgbɔ ame siwo zɔa edzi la, gblɔe nye esi:+ 6 \"Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me,Eye melé wò asi. Makpɔ tawò, eye mana nànye nubabla na dukɔwo,+Kple kekeli na dukɔwo,+ 7 Ne nàʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo,+Ne nàɖe gamenɔlawo tso gaxɔ* meKple ame siwo bɔbɔ nɔ viviti me la tso gaxɔ me.+ 8 Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee;Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe ana ame bubu aɖeke o,*Alo atsɔ nye kafukafu ana legbawo o.+ 9 \"Kpɔ ɖa nya gbãtɔwo va eme,Azɔ mele yeyewo gblɔm. Megblɔ wo na mi hafi woava dzɔ.\"+ 10 Midzi ha yeye na Yehowa,+Midzi eƒe kafukafuhawo tso anyigba ƒe mlɔenuwo,+Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi kple mi atsiaƒumenuwo,Mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo.+ 11 Gbegbe kple eƒe duwo nakɔ gbe dzi,+Kɔƒe siwo dome Kedar+ le hã nekɔ gbe dzi. Agakpedzinɔlawo netso aseye.Wonedo ɣli sesĩe tso towo tame. 12 Mina woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa,Eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi.+ 13 Yehowa ado abe kalẽtɔ ene.+ Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene.+ Ado ɣli, ɛ̃, ado aʋaɣli;Aɖu eƒe futɔwo dzi.+ 14 \"Mezi ɖoɖoe eteƒe didi. Mezi kpi, eye meɖu ɖokuinye dzi. Maŋè eye malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxeAbe nyɔnu si le ku lém ene. 15 Magblẽ towo kple togbɛwo,Eye mana wo dzi gbewo katã naƒu. Mana tɔsisiwo nazu ƒukpowo,*Eye mana tawo namie.+ 16 Makplɔ ŋkuagbãtɔwo to mɔ si womenya o la dzi;+Mana woato toƒe si womenya o.+ Mana viviti si le wo ŋgɔ la nazu kekeli,+Eye teƒe glidzaglidza nazu sɔsɔeƒe.+ Nu siae mawɔ na wo, eye nyemagblẽ wo ɖi o.\" 17 Ame siwo ɖoa ŋu ɖe legbawo ŋu,Ame siwo le gbɔgblɔm na galegbawo* be: \"Miawoe nye míaƒe mawuwo\"+ la,Woagbugbɔ wo ɖe megbe, eye ŋu akpe wo vevie. 18 Mi tokunɔwo, mise nu;Eye mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ mo dzi miakpɔ nu.+ 19 Ame kae nye ŋkuagbãtɔ, ɖe menye nye subɔlae oa,Eye ame kae nye tokunɔ abe nye dɔla si medɔ la ene? Ame kae nye ŋkuagbãtɔ abe ame si woɖo eteƒe na ene,Eye ame kae nye ŋkuagbãtɔ abe Yehowa ƒe subɔla ene?+ 20 Èkpɔ nu geɖe, ke mèlé ŋku ɖe wo ŋu o. Èke to, gake mèse naneke o.+ 21 Edze Yehowa ŋuBe yeado gã yeƒe se* la ahadoe ɖe dzi le eƒe dzɔdzɔenyenye la ta. 22 Ke dukɔ si woha, eye woda adzoe lae wonye,+Wo katã wotsi do me, eye woɣla wo ɖe gaxɔwo me.+ Woha wo, ke ame aɖeke meli axɔ na wo o,+Woda adzo wo, ke ame aɖeke meli agblɔ be: \"Gbugbɔ wo vɛ!\" o. 23 Mia dometɔ kae alé to ɖe nya sia ŋu? Ame kae aƒu to anyi ahalé ŋku ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu? 24 Ame kae tsɔ Yakob de asi be woaha,Eye wòtsɔ Israel de asi na adzodalawo? Ðe menye Yehowa, Ame si ŋu míewɔ nu vɔ̃ ɖo ye oa? Wogbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ,Eye womeɖo to eƒe se* la o.+ 25 Eya ta etrɔ eƒe dɔmedzoe,Eƒe dziku, kple aʋawɔwɔ+ ƒe fuwɔame kɔ ɖe Israel dzi. Aʋa la ƒe dzo fiã nu sia nu si ƒo xlãe, ke mede dzesii o.+ Dzoa lé flaflafla ɖe eŋu, ke mede dzi gbɔ nɛ o.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"dze nye luʋɔ ŋu.\"\n^ Alo, \"tomegaxɔ.\"\n^ Alo, \"Nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o.\"\n^ Alo, \"ƒutanyigba.\"\n^ Alo, \"legba siwo wolólo ga kɔ̀.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/42\/","date":"2022-05-26T18:14:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662619221.81\/warc\/CC-MAIN-20220526162749-20220526192749-00512.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991441369,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991441369056702}","num_words":629,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"20 Esi hoowɔwɔa nu tso la, Paulo na woyɔ nusrɔ̃lawo vɛ, eye esi wòde dzi ƒo na wo heklã wo vɔ la, edze mɔ ��o ta Makedonia. 2 Esi wòto nuto mawo me hede dzi ƒo na ame siwo le afi ma kple nya geɖewo vɔ la, eva ɖo Hela nutowo me. 3 Enɔ afi ma ɣleti etɔ̃, gake esi Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu+ esime wònɔ dzadzram ɖo be yeaɖo tɔdziʋu ayi Siria ta la, eɖoe be yeatrɔ ato Makedonia adzo. 4 Ame siwo nɔ eŋue nye Sopatro si nye Beroiatɔ Piro viŋutsu, Aristarko+ kple Sekundo siwo tso Tesalonika, kple Gayo si tso Derbe, kpakple Timoteo,+ Tikiko+ kple Trofimo+ siwo tso Asia nuto me. 5 Ame siawo do ŋgɔ heva le mía lalam le Troa; 6 ke míeɖo tɔdziʋu tso Filipi le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui+ ƒe azã la megbe, eye le ŋkeke atɔ̃ me la, míeva tu wo le Troa, eye míenɔ afi ma ŋkeke adre. 7 Le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi míeƒo ƒu be míaɖu nu la, Paulo ƒo nu na wo, elabena eɖoe be ne ŋu ke la, yeadzo; eye wòyi eƒe nuƒoa dzi va se ɖe zãtiƒe ke. 8 Eya ta wosi akaɖi geɖe ɖe dziƒoxɔ si me míeƒo ƒu ɖo la me. 9 Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutiko nɔ anyi ɖe fesre nu, eye wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi esime Paulo le eƒe nuƒoa dzi. Esi alɔ̃ mui la, ege tso dzisasrã etɔ̃lia dzi, eye esi woyi ɖakɔe la, wokpɔ be eku. 10 Ke Paulo ɖi yi anyigba, tsyɔ akɔ ɖe edzi hekpla asi ɖee+ gblɔ be: \"Midzudzɔ hoowɔwɔ, elabena ele agbe.\"*+ 11 Azɔ egalia yi dziƒoxɔa dzi, eye wòɖu nu. Eyi dzeɖoɖoa dzi kpli wo va se ɖe esime ŋu ke, eye wòdzo. 12 Ale wokplɔ ŋutsuvi la dzoe agbagbee, eye akɔfafa si wokpɔ la wu gbɔgblɔ. 13 Azɔ míedo ŋgɔ ɖo tɔdziʋua yi Aso, afi si míeɖo be míava kɔ Paulo le, elabena egblɔ na mí be yeato afɔ ava tso mí le afi ma. 14 Ale esi wòva tu mí le Aso la, eɖo ʋua kpli mí, eye míeyi Mitilene. 15 Le ŋufɔke esi míeho tso afi ma la, míeva ɖo Kio kasa; ke le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, míeva tɔ ɖe Samo vie, eye esi ŋu gake la, míeva ɖo Mileto. 16 Paulo ɖoe be yeato Efeso+ ŋu ayi le esi medi be yeagblẽ ɣeyiɣi aɖeke le Asia nutoa me o ta, elabena ele kplakplakpla dzi, be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem+ le Pentekoste Ŋkekenyui la dzi. 17 Ke edɔ ame tso Mileto ɖo ɖe Efeso be woaɖayɔ hamemetsitsiwo vɛ. 18 Esi wova egbɔ la, egblɔ na wo be: \"Miawo ŋutɔwo mienya ale si menɔ kpli mi tso gbe si gbe meɖo afɔ Asia nutoa me+ la nyuie, 19 ale si gbegbe mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi+ wɔ dɔ na Aƒetɔ la abe kluvi ene kple aɖatsiwo kpakple tetekpɔ siwo me meto le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo ta, 20 ke nyemegbe nu siwo ŋu viɖe le* la dometɔ aɖeke gbɔgblɔ na mi o, eye nyemegbe nufiafia mi le dutoƒo+ kple tso aƒe me yi aƒe me+ hã o. 21 Ke boŋ meɖi ɖase na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa tsitotsito be woatrɔ dzi me+ ava Mawu gbɔ eye woaxɔ mía Aƒetɔ Yesu dzi ase.+ 22 Azɔ, kpɔ ɖa, gbɔgbɔ la zi dzinye be mayi Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si adzɔ ɖe dzinye le afi ma o hã; 23 nu si menya koe nye be le du sia du me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam enuenu be woadem gaxɔ me eye mato xaxawo me.+ 24 Ke hã, nye agbe* mele vevie nam akpa o; nu si le vevie nam la koe nye be mawu nye duɖimekeke+ kple subɔsubɔdɔ si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito. 25 \"Azɔ kpɔ ɖa, menyae be mi ame siwo katã dome menɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea la dometɔ aɖeke magakpɔ nye ŋkume azɔ o. 26 Eya tae meyɔ mi be mianye ɖasefowo nam egbe sia, be ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me,+ 27 elabena nyemegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu* blibo la katã gbɔgblɔ na mi o.+ 28 Mikpɔ mia ɖokui+ kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawoe+ le, be miakplɔ Mawu ƒe hame,+ si wòtsɔ eya ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle+ la. 29 Menya be le nye dzodzo megbe la, amegãxi nyanyrawo age ɖe mia dome,+ eye womawɔ nu ɖe alẽha la ŋu le lɔlɔ̃ me o, 30 eye le miawo ŋutɔwo mia dome la, ame aɖewo atso agblɔ nya totrowo be yewoahe nusrɔ̃lawo ne woadze yewo yome.+ 31 \"Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi be ƒe etɔ̃ sɔŋ,+ zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dometɔ aɖeke kple aɖatsiwo o. 32 Azɔ la, metsɔ mi le asi dem na Mawu kple eƒe amenuvevenya, si ate ŋu atu mi ɖo ahana domenyinu mi le ame siwo katã ŋu wokɔ la dome.+ 33 Ame aɖeke ƒe klosalo, sika, alo nudodo mebiã ŋu nam o.+ 34 Miawo ŋutɔwo mienya be nye asi siawoe metsɔ wɔ dɔ kpɔ nye ŋutɔ kple ame siwo le ŋunye la ƒe nuhiahiãwo+ gbɔe. 35 Le nuwo katã me la, meɖee fia mi be miawɔ dɔ sesĩe alea+ akpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye be Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: 'Dzidzɔ geɖe le nunana me+ wu nuxɔxɔ.' \" 36 Esi wògblɔ nya siawo la, eya kple ameawo katã dze klo do gbe ɖa. 37 Nyateƒee, wo katã wofa avi ŋutɔ, eye wokpla asi kɔ na Paulo* hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe, 38 elabena nya si wògblɔ be womagakpɔ yeƒe ŋkume azɔ o la koŋue te ɖe wo dzi.+ Eye woɖoe ɖa va se ɖe tɔdziʋua gbɔ ke.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"elabena eƒe luʋɔ le eme.\"\n^ Alo, \"nu siwo nyo na mi.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"\n^ Alo, \"Mawu ƒe tameɖoɖo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wodze Paulo ƒe kɔ dzi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/20\/","date":"2022-05-29T08:19:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663048462.97\/warc\/CC-MAIN-20220529072915-20220529102915-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991104603,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991104602813721}","num_words":959,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DI BIABIA SIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO NE ÈLE BIBLIA XLẼM:\nNu ka gblɔmee nya sia le nam tso Yehowa Mawu ŋu?\nAleke Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa sia wɔ ɖeka kple nyati vevi si le Biblia me?\nAleke mate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le nye agbe mee?\nAleke mate ŋu azã kpukpui siawo atsɔ akpe ɖe amewo ŋui?\n\"Wò nya nye akaɖi na nye afɔ, kple kekeli na nye toƒe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/ale-si-n%C3%A0xl%E1%BA%BD-biblia\/","date":"2022-05-19T11:31:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00796.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999298811,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992988109588623}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyanyui la abe ale si\nMateo\nŋlɔe ene\n1\nYesu Kristo ƒe dzidzime\n1 Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:\n2 Abraham dzi Isak,\nIsak dzi Yakob,\neye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,\n3 Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar,\nPerez dzi Hezron,\nHezron hã dzi Ram,\n4 Ram dzi Aminadab,\nAminadab dzi Naheson,\nNahson dzi Salmon,\n5 Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab.\nBoaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut.\nObed dzi Yese.\n6 Yese dzi Fia David,\nDavid dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.\n7 Solomo dzi Rehoboam,\nRehoboam dzi Abiya,\neye Abiya hã dzi Asa.\n8 Asa dzi Yehosafat,\nYehosafat dzi Yoram,\nYoram dzi Uzia,\n9 Uzia dzi Yotam,\nYotam dzi Ahaz,\nAhaz dzi Hezekia,\n10 Hezekia dzi Manase,\nManase dzi Amon,\nAmon dzi Yosia.\n11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.\n12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la,\nYekonia dzi Sealtiel,\nSealtiel dzi Zerubabel,\n13 Zerubabel hã dzi Abihud,\nAbihud dzi Eliakim,\neye Eliakim dzi Azɔ.\n14 Azɔ dzi Zadok,\nZadok dzi Akim,\nAkim dzi Elihud,\n15 Elihud dzi Eleaza,\nEleaza dzi Matan,\nMatan hã dzi Yakob,\n16 eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.\n17 Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.\nYesu dzidzi\n18 Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19 Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.\n20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, \"Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.\"\n22 Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, 23 \"Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel\" (si gɔmee nye, \"Mawu li kpli mí \").\n24 Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25 Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/MAT01.htm","date":"2022-05-19T12:16:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00638.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992614388,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992614388465881}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Biblia Fia Mí?\nWotrɔ asi le Biblia-srɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nya vovovowo ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye nu si tae míekpea fu, nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku, ale si míawɔ dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomea me kple bubuwo.\nÐewohĩ àdi be yeanya nu si tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me alea gbegbe. Biblia fia nu be eteƒe madidi o Mawu ana gbɔdzɔe amegbetɔƒomea tso kuxi siwo dometɔ aɖewoe nye fukpekpe, dɔléle kple ku si me.\nTA 1\nÈsusu be Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? Xlẽ nu tso eƒe amenyenye kple ale si nàwɔ azu Mawu xɔlɔ̃ la ŋu.\nTA 2\nAleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wo kuxiwo gbɔ? Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe Biblia kple eme nyagblɔɖiwo dzi?\nTA 3\nAleke agbenɔnɔ anɔ le xexe yeyea me ne anyigba zu paradiso?\nTA 4\nSrɔ̃ nu tso nu si tae Yesu nye Mesia si ŋugbe wodo, afi si wòtso va kple nu si tae wònye Yehowa ƒe Tenuvi la ŋu.\nTA 5\nNu kae nye tafe la? Nu kae nàwɔ be wòaɖe vi na wò?\nTA 6\nXlẽ nu tso nya si Biblia gblɔ tso afi kukuawo le kple nu si ta amegbetɔwo kuna la ŋu.\nTA 7\nÐe wò ame vevi aɖewo kua? Ðe wòanya wɔ be nàgakpɔ wo akea? Kpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso tsitretsitsia ŋu la ɖa.\nTA 8\nAme geɖe nya Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nyuie. Nu kae nyagbe si nye \"Wò Fiaɖuƒe nava\" fia?\nTA 9\nKpɔ ale si amewo ƒe nuwɔnawo kple woƒe agbenɔnɔ ɖee fia be míele ɣeyiɣi si do ŋgɔ teti na nuwuwua abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene me la ɖa.\nTA 10\nBiblia gblɔ nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu na mí. Ðe gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo li ŋutɔŋutɔa? Ðe woate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nu vevi mía?\nTA 11\nAme geɖe susuna be Mawu gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso. Nu kae nèsusu? Kpɔ nu si Mawu gblɔ tso nu siwo gbɔ fukpekpe tsona la ɖa.\nTA 12\nAnya wɔ be míanɔ agbe wòadze Yehowa ŋua. Àte ŋu anye exɔlɔ̃ gɔ̃ hã.\nTA 13\nAleke Mawu bua fuɖeɖe, ʋudodo kple lãwo ƒe agbee?\nTA 14\nLɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia nye kpɔɖeŋu nyui si srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo nasrɔ̃. Nu kae míesrɔ̃ tso egbɔ?\nTA 15\nMɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato asubɔ Mawu? Kpɔ nu ade siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ subɔsubɔha vavã adze sii la ɖa.\nTA 16\nNɔnɔme sesẽ kawoe ate ŋu ava dziwò ne èle wò dzixɔsewo gblɔm na amewo? Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe wo nu evɔ màwɔ nu ɖe wo ŋu ameŋumabumabutɔe o?\nTA 17\nÐe Mawu sea wò gbedodoɖawoa? Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be nàse nu si Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu la gɔme.\nTA 18\nAfɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ? Srɔ̃ nu tso nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia kple ale si wòle be woawɔe ŋu.\nTA 19\nAleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu, eye be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí la ŋu?\nNya kple nyagbe siwo wozã le Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa me la gɔme ɖeɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83\/","date":"2022-05-28T08:02:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663013003.96\/warc\/CC-MAIN-20220528062047-20220528092047-00373.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990272522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990272521972656}","num_words":535,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Eye Hiob ɖo eŋu be: 2 \"Ne ɖe woada nye vevesese+ le nudanu me bliboeEye woatsɔe akpe ɖe nye fukpekpe ŋu ada le nudanu me ɖe! 3 Elabena ele kpekpem fifia wu ƒutake. Esia tae mele nu ƒom kple adã ɖo.*+ 4 Elabena Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo ƒo ɖem,Eye nye gbɔgbɔ le woƒe aɖi nom;+Mawu ƒe ŋɔdzidodowo tre ɖe nu ɖe ŋunye. 5 Ðe gbetedzi+ xlɔ̃na ne ekpɔ gbe dama le ɖuɖuma,Alo ɖe nyitsu xlɔ̃na ne ekpɔ nu le ɖuɖuma? 6 Ðe woaɖu nu vɔvɔ dzemadeea,Alo ɖe vivi aɖe le atimitsi mea? 7 Megbe* asikaka nu siawo ŋu. Wole abe ɖi ene le nye nuɖuɖu me. 8 Oo, ne ɖe nye biabia la ava eme,Eye Mawu awɔ nye didi dzi nam ɖe! 9 Ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu,Eye wòado eƒe asi ɖa ahaɖem+ ɖa ɖe! 10 Anye ne ema anye akɔfafa nam;Anye ne magli kple dzidzɔ le nye vevesese helĩhelĩ la me,Elabena nyemegbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.+ 11 Ŋusẽ kae gale ŋunye, be mayi edzi anɔ lalam?+ Eye nu kae gale ŋgɔ nam, be makpɔtɔ anɔ agbe?* 12 Ðe nye ŋusẽ le abe agakpe ƒe ŋusẽ enea? Alo akɔblie nye ŋutilã nyea? 13 Ðe nane li mawɔ atsɔ akpe ɖe ɖokuinye ŋua,Esi woɖe nye ziɔɖeŋuwo katã ɖa le ŋunyea? 14 Ame sia ame si gbe lɔlɔ̃ vavã ɖeɖe fia nɔvia la,+Ŋusẽkatãtɔ la hã vɔvɔ̃ mele mo nɛ o.+ 15 Womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinyewo ŋu o,+ elabena wole abe vuvɔŋɔli me tɔʋuwo ene,Abe vuvɔŋɔli me tɔʋu siwo va miena la ene. 16 Tsikpe na wo me blu,Eye sno si nyina bè ɖe wo me. 17 Ne kuɖiɣi ɖo la, tsi meganɔa wo me o, womiena ƒiaƒiaƒia;Ne dzomeŋɔli ɖo la, wo me ƒuna kplakplakpla. 18 Wotrɔ mɔ na woƒe toƒewo;Wosina yia gbegbe, eye wo nu yina. 19 Tema-sihawo+ le ŋu tsam na wo;Saba mɔzɔhawo+ le mɔ kpɔm na wo. 20 Woɖu ŋukpe elabena woƒe mɔkpɔkpɔ zu dzodzro;Wova ɖo afi ma, ke ɖeko woƒe mo wɔ yaa. 21 Aleae miawo hã miele nam;+Miekpɔ ale si gbegbe nye fukpekpea dzi ŋɔe, eye vɔvɔ̃ ɖo mi.+ 22 Ðe megblɔ be miana nanem,Alo miatsɔ miaƒe kesinɔnuwo ƒe ɖe anama? 23 Ðe mebia be miaɖem tso ketɔ la si me,Alo miaxɔ nam tso ŋutasẽlawo si mea? 24 Mifia num, ekema mazi ɖoɖoe;+Vo si meda la, miɖee fiam. 25 Nya dzɔdzɔewo mevea ame o ɖe!+ Ke viɖe kae le miaƒe mokanamewo ŋu?+ 26 Nye nyawo ŋue miebe yewoadi vodada lea,Ame si mɔkpɔkpɔ bu ɖo,+ si le nu ƒom ɖe yamea? 27 Ekema miadzidze nu ɖe tsyɔ̃evi ya dzi bɔbɔe ŋutɔ,+Eye miadzra mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã bɔbɔe!*+ 28 Azɔ mitrɔ miakpɔm,Elabena nyemada alakpa le mia ŋkume o. 29 Meɖe kuku, migbugbɔ bu eŋu—migabu fɔm madzemadzee o— Ɛ̃, migbugbɔ bu eŋu, nye dzɔdzɔenyenye gakpɔtɔ li. 30 Ðe nya totro aɖe le nye aɖe dzia? Alo ne meɖɔ nu veve kpɔ la, ɖe nyemadze sii oa?\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nyemebu nye nyawo ŋu hafi gblɔ o.\"\n^ Alo, \"Nye luʋɔ gbe.\"\n^ Alo, \"be madidi nye agbe (luʋɔ) ɖe edzi.\"\n^ Alo, \"Miatsɔ mia xɔlɔ̃wo aɖɔli nui bɔbɔe!\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/6\/","date":"2022-05-27T11:51:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662647086.91\/warc\/CC-MAIN-20220527112418-20220527142418-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984747171,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984747171401978}","num_words":481,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mose\nƒe agbalẽ evelia\n1\nEgiptetɔwo te Israelviwo ɖe to\n1 Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye:\n2 Ruben, Simeon, Levi, Yuda,\n3 Isaka, Zebulon, Benyamin,\n4 Dan, Naftali, Gad kple Aser.\n5 Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo.\n6 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso. 7 Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu.\n8 Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o. 9 Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, \"Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa. 10 Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.\"\n11 Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao. 12 Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu 13 eye wogazi wo dzi wu tsã. 14 Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.\n15 Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be, 16 \"Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.\" 17 Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe. 18 Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, \"Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?\"\n19 Woɖo eŋu na Farao be, \"Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!\"\n20 Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ. 21 Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.\n22 Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, \"Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/EXO01.htm","date":"2022-05-19T12:11:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991262555,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991262555122375}","num_words":433,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nehemia\nƒe agbalẽ\n1\nNehemia ƒe gbedodoɖa\n1 Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo.\nLe ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, 2 nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, \"Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?\"\n3 Woɖo eŋu be, \"Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.\"\n4 Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,\n5 \"O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa. 6 Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me. 7 Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.\n8 \"Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: 'Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome, 9 ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.'\n10 \"Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye. 11 O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.\"\nFia la ƒe ahakulae menye.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/NEH01.htm","date":"2022-05-19T12:10:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00239.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996930361,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996930360794067}","num_words":375,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David ƒe ha. 103 Makafu* Yehowa;Nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. 2 Makafu* Yehowa;Nyemaŋlɔ nu siwo katã wòwɔ la be gbeɖe o.+ 3 Etsɔa wò vodadawo katã kea wò+Eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu;+ 4 Eyae xɔa wò agbe le yɔdo si me,+Eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.+ 5 Eyae tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò+ le wò agbemeŋkekewo katã me,Ale be nègaɖoa ɖekakpui me abe ale si hɔ̃ ɖɔa li fu ene.+ 6 Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe+ eye wòtsoa afia dzɔdzɔeNa ame siwo katã wote ɖe anyi.+ 7 Ena Mose nya eƒe mɔwo,+Eye wòna Israel-viwo nya eƒe nuwɔnawo.+ 8 Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula,*+Medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.+ 9 Menɔa vodada dim le ame ŋu ɣesiaɣi o,+Eye meléa dziku ɖe dɔme ɖikaa o.+ 10 Mewɔa nu ɖe mía ŋu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o,+Eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.+ 11 Elabena ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la,Nenemae eƒe amenuveve hã sɔ gbɔ na ame siwo vɔ̃nɛ.+ 12 Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la,Nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.+ 13 Ale si vifofo kpɔa nublanui na viawoe la,Nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ.+ 14 Elabena enya míaƒe wɔwɔme nyuie,+Eɖoa ŋui be kewɔe míenye.+ 15 Ke amegbetɔ ƒe agbemeŋkekewo le abe gbe ene;+Ewɔna abe seƒoƒo le gbe me ene.+ 16 Ke ne ya ƒo to edzi ko la, enu yina,Abe ɖe menɔ afi ma kpɔ o ene.* 17 Ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tso mavɔ me yi mavɔ meNa ame siwo vɔ̃nɛ,+Eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na wo viwo ƒe viwo,+ 18 Na ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,+Kple ame siwo wɔa eƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. 19 Yehowa li eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒowo;+Eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.+ 20 Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo,+ mi kalẽtɔ sesẽSiwo wɔa eƒe nya dzi+ hesea eƒe gbe.* 21 Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã,+Mi eƒe subɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.+ 22 Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã,Le eƒe dziɖuƒewo katã. Makafu* Yehowa.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ameŋubula.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Eye enɔƒe megadzea sii o.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"hesea eƒe nya ƒe gbe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/103\/","date":"2022-05-27T16:51:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662658761.95\/warc\/CC-MAIN-20220527142854-20220527172854-00710.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977660775,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977660775184631}","num_words":351,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.142,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ta aɖe si ƒe Tsiwo Biãa?\nEtso Nyɔ! ŋlɔla si le Senegal gbɔ\nÐE TA aɖe li si ƒe tsiwo biã nyateƒea? Ŋkɔ bubu si wotsɔ na Retba-taa enye Ta si Biã. Esi wònye be tso míaƒe aƒeme, le Dakar, Senegal, le Ɣetoɖoƒe Afrika, yi afisi ta la le nye kilometa 30 pɛ ko ta la, míeɖoe be míaɖi tsa ayi ava kpɔe ɖa nenye be ŋkɔ si wotsɔ nɛ la sɔ ŋutɔŋutɔ. Esi míeɖo la, míekpɔe be tsia me kɔ hele dzo dam esi ɣea klẽ ɖe edzi. Nyateƒee, àkpɔe be tsia biã vie eye wònya kpɔ ŋutɔ. Ŋutsu si kplɔ mí nɔ tsa ɖimee la ɖe eme be ŋdɔ ƒe keklẽ ɖe tsimenu suesue aɖewo siwo ŋku mate ŋu akpɔ o dzie nana wokpɔnɛ le amadede tɔxɛ ma me. Gake àkpɔ nu geɖe le afisia si ahe wò susu wu ta la ƒe amadede ko.\nDze bla ɖe tsi sia si me megoglo fũ o la gɔme. Dze sɔ gbɔ ɖe tsia me ale gbegbe be àte ŋu aho ɖe tsia dzi bɔbɔe. Míekpɔe be tsaɖila aɖewo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ ge ɖe tsia me hemlɔ tsia dzi hã nyateƒe.\nTa si Biã la na ame alafa geɖe siwo le nutoa me kpɔ dɔwɔɖui (1). Dɔwɔlawo le dze lɔm le ʋuwo dem le ta la to. Míetɔ vie be míakpɔ alesi afimatɔwo ɖea dzee le ta la me. Míekpɔ ŋutsu aɖe si tsia va se akɔta na, wòtsɔ tsyo nɔ dze si le tsia gɔme la kum. Eyome wotsɔa sofi lɔnɛ kɔna ɖe kusiwo me hedenɛ akrowo me. Dɔwɔla aɖe gblɔ na mí be ne yewɔ dɔ gaƒoƒo etɔ̃ la, yekpɔa dze si ƒe kpekpeme ade tɔn ɖeka. Wodoa agba na akroawo ale gbegbe be akroa ŋutɔ megadzena tututu le tsia dzi o (2). Ne akroawo va ɖo tɔa to la, ke eɖo nyɔnuawo dzi be woaku dzea adro ɖe ta (3). Alesi nyɔnuawo le dɔa wɔm ɖekae ɖe ɖoɖo nu la nya kpɔ ŋutɔ.\nMíaƒe tsaɖiɖia vivi mía nu ŋutɔ. Ta sia si biã la nye nu wɔnuku geɖe siwo le anyigba dzi la dometɔ ɖeka si na wònye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ.—Psalmo 115:16.—g05 9\/22.\n[Nɔnɔmetata si le axa 12]\n◀ Photo by Jacques CLEMENT, Clichy, FRANCE at http:\/\/community.webshots.com\/user\/pfjc","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200601\/Ta-a%C9%96e-si-%C6%92e-Tsiwo-Bi%C3%A3a\/","date":"2022-07-07T07:53:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104683708.93\/warc\/CC-MAIN-20220707063442-20220707093442-00653.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985694289,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985694289207458}","num_words":367,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliawo kple agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta la nue woƒo ƒu tsɔ wɔ Watchtower Library la. Biblia ŋuti numekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures, agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo, traktwo, magazinewo kple agbalẽ bubuwoe le Watchtower Library la me. Dɔwɔnu siwo kpena ɖe ame ŋu le numekuku me, abe Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) kple Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo ene hã le eme. Àte ŋu adi nyawo, nyagbewo, alo mawunyakpukpuiwo le agbalẽ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/watchtower-library\/","date":"2022-06-28T00:58:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103344783.24\/warc\/CC-MAIN-20220627225823-20220628015823-00060.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997606874,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997606873512268}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.187,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexe si me Atikevɔ̃ɖizazã Manɔ O—Ava Kpuie\nÀte ŋu akpɔ xexe aɖe si me atikevɔ̃ɖizazã mele o la le susu mea?\nDUKƆ ƑOƑUAWO ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan bia tso dukɔwo katã si be woadze agbagba be woahe xexe ma tɔgbe vɛ. Egblɔ be: \"Ele be míaɖe afɔ yeye awɔ aʋa kple vɔ̃ɖinyenye sia dzinɔameƒotɔe; dɔvɔ̃ sia dze mía vi gbogbo aɖewo dzi.\"\nTogbɔ be ŋgɔnɔlawo alɔ̃ be yewoaɖe atike manɔsenuwo wɔwɔ kple wo mama dzi akpɔtɔ hã la, enye dɔ sesẽ. Hennadiy Udovenko si tso Ukraine, amesi nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehagã ƒe ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe nu nɔla, gblɔ be \"esi dɔlar biliɔn 400 kple edzivɔ ƒe akɔntae wobu be wokpɔna le atikevɔ̃ɖisitsatsa me ƒe sia ƒe ta la, enye vivimesitsatsa siwo me wokpɔa ga geɖe le la dometɔ ɖeka, . . . si ate ŋu agblẽ nu le xexeame katã ƒe ganyawo ŋu alo atɔtɔe.\" Egblɔ kpee be atikevɔ̃ɖi ƒe kuxia \"va zu xexeame katã ƒe kuxi eye dukɔ aɖeke medo le afɔku sia me o.\"\nXexe si me atikevɔ̃ɖiwo mele o kpɔkpɔ le susu me nye nu sesẽ. Le nyateƒe me la, amegbetɔ dziɖuɖuwo ɖee fia be yewomate ŋu aɖe wo ɖa o. Ke hã, ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la be wòagawɔ eƒe tameɖoɖo be yeahe anyigba dzi paradiso si me woakpɔ seselelãme, ŋutilã me, kple gbɔgbɔ me nuhiahiã ɖesiaɖe gbɔ le la vɛ o. (Psalmo 145:16; Luka 23:43; Petro II, 3:13) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be Mawu ƒe nya 'magbugbɔ ayi egbɔ ƒuƒlu o, negbe ɖe wòwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòwɔ nusi gbe wòɖoe ɖo la hafi.'—Yesaya 55:11.\nViɖe ɖedzesiwo ate ŋu ado tso ŋugbedodo mawo dzixɔxɔse me fifia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Edmundo nye atikevɔ̃ɖizãla tsã. Gake dzɔdzɔenyenyexexe yeye si ƒe ŋugbe Biblia do la dzixɔxɔse na wògbugbɔ dzro eɖokui me. Nya si Edmundo gblɔ fifia enye: \"Aleke gbegbee megu ɣeyiɣi na ɖokuinye movidzɔdzɔtɔe enye si.\" Esi wòdi vevie be Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu ta la, eʋãe wòdi fifia be yeadzudzɔ atikevɔ̃ɖi zazã. Ẽ, Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋuti sidzedze ate ŋu aʋã mí fifia be 'míado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye me.'—Efesotɔwo 4:24.\nAme gbogbo aɖewo siwo nye atikevɔ̃ɖizãlawo tsã hã va le ƒomedodo kplikplikpli me kple wo Wɔla. Gɔmesese tɔxɛ aɖe le hakpala ƒe nyawo ŋu na amesiawo: \"Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa! Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena efiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo.\" (Psalmo 25:7, 8) Akɔfafa ka gbegbee nye si wònye na dzila siwo ƒe viwo dze go la be woanya be wo viwo ate ŋu atrɔ! To kutrikuku geɖe me la, dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatsi tre ɖe atikevɔ̃ɖizazã ƒe dɔvɔ̃a ŋu eye bena \"woƒe asi nasu agbe vavã,\" si woanɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me la dzi.—Timoteo I, 6:19.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]\nAgbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔa ʋã atikevɔ̃ɖizãla geɖe wotrɔ woƒe agbenɔnɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030408\/Xexe-si-me-Atikev%C9%94%CC%83%C9%96izaz%C3%A3-Man%C9%94-O-Ava-Kpuie\/","date":"2022-07-05T07:06:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104514861.81\/warc\/CC-MAIN-20220705053147-20220705083147-00533.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973695874,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973695874214172}","num_words":498,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"9 Mekpɔ Yehowa+ wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la tame, eye wògblɔ nam be: \"Ƒo sɔti la ƒe tagbɔ, ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Ðe ta le wo nu, eye matsɔ yi awu woƒe ame mamlɛawo. Asi atu wo dometɔ si asi, eye wo dometɔ si ate kpɔ be yeasi la ado kpo nu.+ 2 Ne woɖe do yi ɖabe ɖe Tsiẽƒe* ke hã la,Nye asi ahe wo tso afi ma;Eye ne wolia yi dziƒowo la,Maɖiɖi wo ɖe anyi tso afi ma. 3 Ne wobe ɖe Karmel-to tame la,Madi wo le afi ma alé.+ Eye ne wobe ɖe atsiaƒu gɔme be magakpɔ yewo o hã la,Maɖe gbe na da wòaɖu wo le afi ma. 4 Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la,Maɖe gbe na yi wòawu wo le afi ma;+Maɖe ŋku atɔ wo hena woƒe gbegblẽ, ke menye na nyui o.+ 5 Elabena Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye nye Ame si ka asi anyigba la ŋuAle be wòlólo,+ eye edzinɔlawo katã axa nu;+Anyigba bliboa aɖɔ abe Nil ene,Eye wòadze eme abe Egipte ƒe Nil ene.+ 6 'Ame si ɖo eƒe atrakpui ɖe dziƒowo,Eye wòtu eƒe xɔ* ɖe anyigba la tame;Ame si yɔa atsiaƒumetsiwo yia dzi,Ne wòatrɔ wo akɔ ɖe anyigba dzi la,+—Eŋkɔe nye Yehowa.'+ 7 'Oo Israel-viwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ƒe viwo ene oa?' Yehowa ye gblɔe. 'Ðe nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi,+Filistitɔwo tso Kreta,+ kple Siriatɔwo tso Kir+ oa?' 8 'Kpɔ ɖa! Nye, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nye ŋku le fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ la ŋu,Eye mele etsrɔ̃ ge ɖa le anyigba la dzi.+ Gake nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la ɖa keŋkeŋ o,'+ Yehowa ye gblɔe. 9 'Elabena kpɔ ɖa, made se,Eye maʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome+Abe ale si woʋuʋua sranui tsɔ sraa nui,Ale be nuku ɖeka hɔ̃ hã megena ɖe anyigba o ene. 10 Nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ wɔlawo katã atsi yi nu,Wo ame siwo le gbɔgblɔm be, \"Vɔ̃ la mate ɖe mía ŋu o, eye maɖo mía gbɔ o.\"' 11 'Gbe ma gbe la, mafɔ David+ ƒe agbadɔ si mu la ɖe te,Eye maɖɔ eƒe* gbagbãƒewo ɖo,Mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu,Magatui wòanɔ abe ale si wònɔ le blemaŋkekeawo me ene,+ 12 Ne woaxɔ Edom+ ƒe susɔeaKple dukɔ siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la wòazu wo tɔ,' Yehowa, ame si le nu sia wɔm, lae gblɔe. 13 'Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna,' Yehowa ye gblɔe,'Esime agbleŋlɔla ato nuŋela ŋu,Wainfiãla ato nukuwula ŋu;+Towo atsyɔ wain vivi,+Eye wòasi tso togbɛwo katã tame.*+ 14 Maƒo nye dukɔ Israel ƒe aboyomewo nu ƒu akplɔ wo agbɔe,+Eye woagbugbɔ du siwo zu aƒedo la atso ahanɔ wo me,+Woade waingblewo ano wo me wain,+Eye woatso abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.'+ 15 'Mado wo ɖe woƒe anyigba dzi,Eye womagaho wo ɖaLe woƒe anyigba si mena wo la dzi gbeɖe o,'+ Yehowa wò Mawu ye gblɔe.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"xɔ gobaa.\"\n^ Alo, \"woƒe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Eye togbɛwo katã alólo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/amos\/9\/","date":"2022-07-03T23:57:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104277498.71\/warc\/CC-MAIN-20220703225409-20220704015409-00569.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985732436,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985732436180115}","num_words":463,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wòsɔ Be Woade Ta Agu na Yesua?\nLE ƑE alafawo me la, Kristodukɔa me tɔ geɖe de ta agu na Yesu Kristo abe Mawu Ŋusẽkatãtɔe wònye ene. Gake Yesu ŋutɔ ɖee fia be Yehowa Mawu koe wòle be woaɖo toe eye eya ɖeka ko woasubɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime Abosam te Yesu kpɔ be wòade ta agu na ye la, egblɔ be: \"[Yehowa], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.\" (Mateo 4:10) Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.\"—Mateo 23:9.\nYesu ƒo nu tso tadedeagu si tɔgbe wòle be amewo natsɔ na Mawu ŋu na Samaria-nyɔnu aɖe. Ele be woade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me. Le nyateƒe me la, \"Fofo la le amesiawo tɔgbe dim be woade ta agu na ye.\" (Yohanes 4:23, 24, NW) Ẽ, ele be woatsɔ tadedeagu ƒe bubu na Mawu ɖeɖeko. Be woade ta agu na ame aɖe alo nu bubu ɖesiaɖe anye trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna ƒomevi aɖe, eye woƒo nu tsi tre ɖe eŋu le Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me.—Mose II, 20:4, 5; Galatiatɔwo 5:19, 20.\nKe hã ame aɖe ahe nya be, 'Gake ɖe Biblia megblɔ hã be míade ta agu na Yesu oa? Ðe Paulo megblɔ le Hebritɔwo 1:6, be: \"Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu [na Yesu]\" oa? Aleke míase ŋɔŋlɔ sia mee ne míetsɔe sɔ kple nusi Biblia gblɔ le trɔ̃subɔsubɔ ŋu?\nAlesi Woƒo Nu tso Tadedeagu Ŋui le Biblia Me\nGbã la, ele be míase tadedeagu si Paulo wɔnɛ le afisia la gɔme. Helagbe me nya si wòzãe nye pro·sky·neʹo. Unger's Bible Dictionary gblɔ be nusi nya sia fia le nyagbɔgblɔa ŋutɔ nu enye be 'woagbugbɔ ame ƒe asi wòanye bubudedeameŋu ƒe dzesi alo woawɔ amebubunu ɖe ame ŋu.' An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ, gblɔ be nya sia \"fia bubudedeameŋu, ate ŋu anye amegbetɔ . . . loo alo Mawu ŋu.\" Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, zi geɖe la, pro·sky·neʹo fiana be woabɔbɔ ɖe ame aɖe si ŋu bubu le ƒe ŋkume ŋutɔŋutɔ.\nDe ŋugble tso lo si Yesu do le dɔla si nyi fe gbogbo le eƒe aƒetɔ ŋu eye mete ŋu xee o la ŋu kpɔ. Helagbe me nya sia tɔgbe aɖe dze le lododo sia me, eye esi wonɔ egɔme ɖem le Eŋlisigbe me King James Version me la, wogblɔ be \"dɔla ma dze klo de ta agu [si nye pro·sky·neʹo ƒomevi aɖe] [na fia la], gblɔ bena, Aƒetɔ, gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò.\" (Mateo 18:26; míawoe te gbe ɖe edzi.) Trɔ̃subɔsubɔ nuwɔnae ŋutsu sia wɔa? Kura o! Ðeko wònɔ bubudedeameŋu nuwɔna aɖe si tɔgbe dze fia, si nye eƒe aƒetɔ kple amegã, la tsɔm nɛ.\nBubudedeameŋu nuwɔna mawo ƒomevi bɔ ɖe Ɣedzeƒedukɔwo me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Yakob tsyɔ mo anyi zi adre esime wòdo go nɔviaŋutsu Esau. (Mose I, 33:3) Yosef nɔviŋutsuwo dze klo, alo bɔbɔ nɛ, tsɔ de bubu eŋu le bubuteƒe si wònɔ le Egipte-fiasã me ta. (Mose I, 42:6) Ŋugbledede tso nyateƒenya siawo ŋu ana míase nusi dzɔ esime ɣletivimefakalaawo ke ɖe Yesu si nye ɖevi sue, amesi dzi wolɔ̃ ɖo be enye \"Yudatɔwo ƒe fia, si wodzi\" ŋu la gɔme nyuie wu. Abe alesi woɖe egɔme le Eʋegbe Biblia mee ene la, nuŋlɔɖia gblɔ na mí be \"wodze klo de ta agu [pro·sky·neʹo] nɛ.\"—Mateo 2:2, 11.\nEyata edze ƒã be nya pro·sky·neʹo si gɔme woɖe be \"tadedeagu\" le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la menye tadedeagunuwɔna si tɔgbe dze na Yehowa Mawu la koe wozãnɛ na o. Ate ŋu aku ɖe bubu kple asixɔxɔ dede ame bubuwo ŋu hã ŋuti. Esi wodze agbagba le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me be woaƒo asa na nyaawo gɔmesese bubui la, woɖe nya pro·sky·neʹo gɔme le Hebritɔwo 1:6, be \"nade bubu eŋu\" (New Jerusalem Bible), \"nado kɔkɔe\" (The Complete Bible in Modern English), \"nabɔbɔ nɛ\" (Twentieth Century New Testament), alo \"nawɔ bubudeameŋunu nɛ\" (New World Translation).\nYesu Dze na Bubu\nÐe Yesu dze na bubudeameŋunu mawoa? Ðikeke mele eme o be edze nɛ! Apostolo Paulo ɖe nu me le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebritɔwo me be esi wònye Yesue nye \"nuwo katã ƒe domenyila\" ta la, \"ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo.\" (Hebritɔwo 1:2-4) Eyata ele be \"amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.\"—Filipitɔwo 2:10, 11.\nEdze ƒã be eteƒe madidi o Kristo azã eƒe ɖoƒe kɔkɔ kple dziɖuŋusẽ gã si kpe ɖe eŋu la atsɔ atrɔ anyigba sia katã wòazu paradiso. Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, awɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ ŋudɔ atsɔ aɖe blanuiléle, vevesese, kple konyifafa katã ɖa le xexeame na amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la te. Eyata ɖe medze be míade asixɔxɔ kple bubu eŋu ahaɖo toe oa?—Psalmo 2:12; Yesaya 9:5; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.\n'Mawu si Biaa Ðokuitsɔtsɔna Blibo'\nKe hã Biblia ɖee fia kɔte be ele be míaƒe tadedeagu—le mawusubɔsubɔ ƒe bubu kple ɖokuitsɔtsɔna gome—nayi na Mawu ɖeɖe dzaa ko. Mose yɔe be enye 'Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.' Eye Biblia xlɔ̃ nu mí be 'míade ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzidziwo.'—Mose V, 4:24; Nyaɖeɖefia 14:7.\nEyata le nyateƒe me la, Yesu le nɔƒe vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ me, eye edze be míade asixɔxɔ kple bubu eŋu. (Korintotɔwo II, 1:20, 21; Timoteo I, 2:5) Eya koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi míato ate ɖe Yehowa Mawu ŋu. (Yohanes 14:6) Eyata esɔ be Kristotɔ vavãwo nade ta agu na Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ko.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000408\/%C3%90e-W%C3%B2s%C9%94-Be-Woade-Ta-Agu-na-Yesua\/","date":"2022-07-04T06:32:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104354651.73\/warc\/CC-MAIN-20220704050055-20220704080055-00077.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983575344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983575344085693}","num_words":939,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ŋdɔ ga 2:46 me, si nye ɣeyiɣi si me anyigbaʋuʋu aɖe si ƒe sesẽme nye 9.0 dzɔ le March 11, 2011 dzi, si he tsunami gã aɖe vɛ la, ameawo zi ɖoɖoe vie le Fukushima.\nJapan – Fukushima – March 11, 2011\nTOKYO (AP) – Japan le Dzoɖagbe de bubu amesiwo ŋu nu gblẽ le ŋu eye wogadi amesiwo gakpɔtɔ bu le anyigbaʋuʋu gã aɖe kple tsunami ƒe 11 enye sia si hã he nukliafɔku aɖe vɛ le Fukushima afisi ame akpe ewo mete ŋu trɔna yia aƒe me haɖe o la dim ake.\nEsia gbãa dzi na ame ŋutɔ eye wòdoa vɔvɔ̃ na ame ŋutɔ be woakpɔe. Ðeko tsunami kple anyigbaʋuʋu ƒe ŋusẽ si gblẽa nu le ame ŋu kpɔkpɔ kpɔkpɔ doa vɔvɔ̃ na ame. Enaa alesi dzɔdzɔme dada nye nusi dzi míate ŋu aɖu o ŋutɔŋutɔ la dzena le susu me. Nye dzi le dzi gbãm ɖe Japantɔ siwo bu woƒe agbe, amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, kple amesiwo le agbagba dzem be yewoafɔ kakɛawo ne tsiawo dzi ɖe kpɔtɔ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/gonnle.com\/2022\/06\/14\/japan-anyigba%CA%8Bu%CA%8Bu-tsunami-kple-nukliaf%C9%94ku\/","date":"2022-07-05T18:51:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104597905.85\/warc\/CC-MAIN-20220705174927-20220705204927-00493.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986250401,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986250400543213}","num_words":164,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nKpekpeɖeŋunana le Ʋu ƒe Kɔkɔenyenye ƒe Nya me Léle Ðe Asi Me\nLE XEXEAME godoo la, Yehowa subɔlawo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu le ʋu ƒe kɔkɔenyenye ƒe nya la me fia. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la na kpekpeɖeŋu si hiã Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. (Mateo 24:45-47) Na míakpɔ emetsonuwo ɖa le Philippines.\nAlɔdzedɔwɔƒe si le Philippines ka nya ta be: \"Le ƒe 1990 me la, wona nyanya mí be Brooklyn Betel ƒe amedɔdɔ aɖewo ava wɔ numedzrokpekpe le Philippines. Wokpe nɔviwo tso alɔdzedɔwɔƒe geɖewo le Asia, siwo dometɔ aɖewoe nye Korea, Taiwan, kple Hong Kong. Tameɖoɖoa enye be woaɖo Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo le woƒe alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ kpe ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo ŋu. Le Philippines la, woɖo kɔmitiawo ɖe dugã ene me le gɔmedzedzea.\" Kɔmitiawo adze agbagba be yewoayi aɖadi ɖɔkta siwo awɔ nu kple mí aduadu le Kristotɔwo ƒe ʋumadomadonya me. Gakpe ɖe eŋu la, woakpe ɖe nɔviawo ŋu ne woɖo xaxa me le ʋumadomado ƒe nya la me.\nWotia Remegio be wòasubɔ le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me le Baguio. Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖɔktawo va le dzesi dem viɖe siwo le dɔ sia wɔwɔ me. Remegio ɖo ŋku alesi ɖɔkta aɖewo do go kple Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia gbeɖeka be yewoanya alesi yewoakpɔ Ðasefo siwo nye dɔnɔ siwo medoa ʋu o la gbɔ. Remegio gblɔ be: \"Ðɔktawo va dze nyabiabia gɔme, gake metsi dzodzodzoe elabena woƒe atikewɔwɔ me nyagbewo zazã me mekɔna nam o.\" Edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu le kuxi sia gbɔ kpɔkpɔ me. Remegio yi eƒe nyaa dzi gblɔ be: \"Le biabia ɖesiaɖe megbe la, ɖɔkta bubuwo doa asi ɖe dzi gblɔa alesi wokpɔ nya ma ƒomevi aɖe gbɔe.\" Remegio kpɔ dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋua ta, vevietɔ kple susu be nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe wɔnaa xɔ gaƒoƒo eve sɔŋ.\nKɔmiti 21 ye le dukɔa me godoo fifia, si me nɔviŋutsu 77 le subɔsubɔm le. Danilo, amesi nye Ðasefo eye wònye ɖɔkta gblɔ be: \"Ðɔktawo de dzesii le woƒe dɔnɔ Ðasefowo ŋu be habɔbɔ aɖe si tsɔa ɖe le eme na wo vevie ye le megbe na wo.\" Ðɔkta aɖe menɔ lɔlɔ̃m le gɔmedzedzea me be yeawɔ dɔ na nɔviŋutsu aɖe ʋudodo manɔmee o. Ke hã nɔviŋutsua lé eƒe nyametsotso me ɖe asi sesĩe. Wowɔ dɔa nɛ eye wòdze edzi nyuie. Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo gblɔ be: \"Nɔviŋutsua ƒe hayahaya wɔ nuku na ɖɔkta la ŋutɔ. Egblɔ be: 'Le nusia si teƒe mekpɔ ta la, ne eva eme be miaƒe hametɔ aɖe hiã amekoko ʋumanɔmee sia tɔgbe la, malɔ̃ faa be mawɔ dɔ nɛ.'\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030501\/Kpekpe%C9%96e%C5%8Bunana-le-%C6%B2u-%C6%92e-K%C9%94k%C9%94enyenye-%C6%92e-Nya-me-L%C3%A9le-%C3%90e-Asi-Me\/","date":"2022-06-30T16:22:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103850139.45\/warc\/CC-MAIN-20220630153307-20220630183307-00529.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988841414,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988841414451599}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Ablɔɖe sia tae Kristo na ablɔɖe mí ɖo. Eya ta minɔ te sesĩe,+ eye migana woatsɔ kluvinyenye ƒe kɔkuti ade kɔ na mi ake o.+ 2 Kpɔ ɖa, nye, Paulo mele egblɔm na mi be, ne miena wotso aʋa na mi la, ekema Kristo meganye viɖe aɖeke na mi o.+ 3 Megale ɖase ɖim na ame sia ame si ana woatso aʋa nɛ la be, agba le edzi be wòawɔ Se blibo la katã hã dzi.+ 4 Mi ame siwo katã le agbagba dzem be woabu mi ame dzɔdzɔewo to sea dzi la,+ woklã mi ɖa le Kristo gbɔ; miedo le eƒe amenuveve la te. 5 Ke míawo la, míeto gbɔgbɔ la dzi le dzɔdzɔenyenye, si tsoa xɔse me, si míele mɔ kpɔm na la lalam vevie. 6 Elabena ame siwo le Kristo Yesu me la, asixɔxɔ aɖeke mele aʋatsotso alo aʋamatsomatso ŋu na wo o,+ hafi boŋ xɔse si wɔa dɔ le lɔlɔ̃ me ŋue. 7 Mienɔ dua ƒum nyuie.+ Ame kae xe mɔ na mi be miagayi edzi aɖo to nyateƒe la o? 8 Menye Ame si le mia yɔm la gbɔe nyaƒoɖeamenu sia ƒomevi tso o. 9 Amɔwɔʋãnu vi aɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.+ 10 Meka ɖe edzi be, mi ame siwo le Aƒetɔ la me la,+ miegbɔna miaƒe susu trɔ ge o; ke ame si le fu ɖem na mi la,+ ame ka kee wòɖanye o, akpɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòdze na. 11 Nye la, nɔviwo, ne ɖe megale gbeƒã ɖem aʋatsotso la, ke nu ka tae wogale yonyeme tim kokoko? Ekema woɖe fuwɔametia*+ ŋuti nuɖiaɖia la ɖae. 12 Ðe madi be ame siwo le agbagba dzem be yewoatrɔ miaƒe susu la nana woata woawo ŋutɔwo* hafi. 13 Nɔviwo, ablɔɖe tae woyɔ mi ɖo; ɖeko migaɖe mɔ ablɔɖe sia nazu mɔnukpɔkpɔ na mi miakplɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo ɖo o,+ ke boŋ misubɔ mia nɔewo abe kluviwo ene le lɔlɔ̃ me.+ 14 Elabena woƒo Se blibo la katã nu ƒu* ɖe sedede ɖeka sia me be: \"Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\"+ 15 Ke ne miele mia nɔewo ɖum, eye miele mia nɔewo mim la,+ mikpɔ nyuie be miagatsrɔ̃ mia nɔewo o.+ 16 Ke mele egblɔm be: Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me,+ ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi wɔ ge o.+ 17 Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzro tsia tsitre ɖe gbɔgbɔ la ŋu, eye gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋu; nu siawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu, ale be miagawɔ nu siwo tututu miadi be yewoawɔ hafi la o.+ 18 Azɔ hã, ne gbɔgbɔ lae le mia kplɔm la, ekema miele se la te o. 19 Ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒãa keŋ, eye woawoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu,*+ makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe,*+ 20 trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ,*+ kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu,+ aglotutu siwo gbɔ eme kple nu siawo tɔgbi.+ Mele nu xlɔ̃m mi ku ɖe nu siawo ŋu do ŋgɔ, abe ale si mexlɔ̃ nu mi xoxo ene be, ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.+ 22 Ke gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ,+ xɔse, 23 tufafa, ɖokuidziɖuɖu.+ Se aɖeke metsi tsitre ɖe nu siawo ŋu o. 24 Azɔ hã, ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la he ŋutilã kpakple eƒe dzodzrowo kple didiwo ɖe ati ŋu.+ 25 Ne gbɔgbɔ nue míele agbe nɔm ɖo la, ekema mina míayi edzi azɔ ɖe ɖoɖo nu le gbɔgbɔ me hã.+ 26 Migana míanɔ bubu dzodzro dim,+ anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo,+ ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nazu ame tatawo,\" si ana be womagadze awɔ ɖe se si tututu dom wole ɖe ŋgɔ la dzi o.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Se blibo la katã va eme.\"\n^ Alo, \"dzosasa.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Galatiat%C9%94wo\/5\/","date":"2022-06-25T04:53:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103034170.1\/warc\/CC-MAIN-20220625034751-20220625064751-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991666079,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991666078567505}","num_words":596,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nLe Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me la, ɖe wònɔ gbɔgblɔm be wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo togbɔ be womekpɔ nya mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖa ɣemaɣi o hãa?\nAbe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 6:10 ene la, Yesu gblɔ be: \"Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!\" Woate ŋu ase biabia sia gɔme le mɔ eve nu. Gbãtɔ, be enye kukuɖeɖe be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm xoxo le dziƒo ene loo alo, evelia, be enye biabia be woawɔe bliboe le dziƒo kple anyigba dzi siaa. * Gɔmesese si le nya si Yesu gblɔ do ŋgɔ be \"wò fiaɖuƒe nava\" ŋu fia be nukpɔsusu evelia la wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo wu. Eye eɖe alesi nɔnɔmea nɔ esime Yesu nɔ anyigba dzi kple ɣeyiɣi didi si kplɔe ɖo la fia. Le mɔ ka nu?\nNyaɖeɖefia ƒe agbalẽa he susu yi nu ɖedzesi eve siwo dzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo me dzi. Gbãtɔ ku ɖe dziƒoa ŋutɔ ŋu eye evelia ku ɖe anyigba ŋu. Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12 gblɔ be: \"Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti. Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.\"\nSatana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya le dziƒo le ƒe 1914 me megbe ɖe gbɔgbɔ dzeaglãwo katã ɖa le nuto ma me, wònye dzidzɔ geɖe na Yehowa ƒe vi mawudɔla wɔnuteƒewo, siwo nye eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe akpa gãtɔ la. (Hiob 1:6-12; 2:1-7; Nyaɖeɖefia 12:10) Aleae Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me biabia si ku ɖe dziƒo ŋu la va emee. Amesiwo katã susɔ ɖe dziƒo nuto ma me la nye nuteƒewɔlawo na Yehowa eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe eƒe dziɖulanyenye te bliboe.\nMíate gbe ɖe edzi be do ŋgɔ na ema, esime mawudɔla vɔ̃ɖiwo gate ŋu yia dziƒo, gɔ̃ hã la, woɖe wo ɖa tso Mawu ƒe ƒomea me eye wonɔ mɔxeɖenu sesẽwo te. Le kpɔɖeŋu me, Yuda 6 ɖee fia be le ƒe alafa gbãtɔ M.��. ma me gɔ̃ hã la, \"wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe [gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.\" Nenema kee Petro II, 2:4 gblɔ be: \"Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ [gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe [si nye gbɔ̃ɖiame ƒe nɔnɔme aɖe] me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃.\" *\nTogbɔ be mawudɔla vɔ̃ɖi siawo nye amesiwo woɖe le hame esime wogakpɔtɔ nɔ dziƒo hã la, wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe anyigba dzi. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya yɔ Satana be \"xexe sia me fia,\" eye wòyɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo be 'viviti sia ƒe xexea dziɖulawo.' (Yohanes 12:31; Efesotɔwo 6:11, 12; Yohanes I, 5:19) Le ŋusẽ si le Abosam si ta la, ete ŋu tsɔ \"xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe\" ɖo Yesu ŋkume be yeatsɔe nɛ ne ede ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko. (Mateo 4:8, 9) Ekema eme kɔ ƒã be, ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea 'va' hena nuwo ɖɔɖɔɖo le anyigba dzi la, ahe tɔtrɔ ɖedzesiwo vɛ.\nLe anyigba dzi afisia la, Mawu Fiaɖuƒea ƒe 'vava' ahe nuɖoanyi yeye kura vɛ. Fiaɖuƒea agbã dziɖuɖu siwo katã amegbetɔwo ɖo anyi la eye wòava zu dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu anyigba dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, amegbetɔ mawuvɔ̃la siwo dzi wòaɖu la anye \"anyigba yeye.\" (Petro II, 3:13; Daniel 2:44) Fiaɖuƒea aɖe nuvɔ̃ hã ɖa keŋkeŋ le amegbetɔƒome toɖolawo ŋu eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wòawɔ anyigba bliboa wòazu paradiso, si awɔe be woaɖe Satana ƒe dziɖuɖu ƒe ke ɖesiaɖe ɖa.—Romatɔwo 8:20, 21; Nyaɖeɖefia 19:17-21.\nLe Ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu, ne Mesia Fiaɖuƒea wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wobia tso esi de goe la, \"Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.\" (Korintotɔwo I, 15:28) Ekema dodokpɔ mamlɛa ava, esi megbe woaɖe Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple amegbetɔ dzeaglã siwo wokplɔ trae la ɖa keŋkeŋ le \"ku evelia\" la me. (Nyaɖeɖefia 20:7-15) Le ema megbe la, nuwɔwɔ siwo katã si nunya le, le dziƒo kple anyigba dzi, atsɔ dzidzɔ abɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye si me lɔlɔ̃ le la te tegbee. Ema anye Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me nyawo ƒe emevava blibo le goawo katã me.—Yohanes I, 4:8.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 6 Apostolo Petro tsɔ amenyanya le gbɔgbɔ me sia sɔ kple \"gaxɔ\" me nɔnɔ. Gake menye \"aʋli\" si me woava tsɔ gbɔgbɔ vɔ̃ mawo aƒu gbe ɖo hena ƒe akpe ɖeka lae wòwɔnɛ o.—Petro I, 3:19, 20; Luka 8:30, 31; Nyaɖeɖefia 20:1-3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031215\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2022-07-05T12:01:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104576719.83\/warc\/CC-MAIN-20220705113756-20220705143756-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988800883,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988800883293152}","num_words":831,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmo 2\n1 Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom,\neye amewo le nu dzodzrowo ɖom?\n2 Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe,\neye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe\nYehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.\n3 Wole gbɔgblɔm be,\n\"Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te,\neye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.\"\n4 Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu,\neye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.\n5 Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me,\neye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,\n6 \"Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion,\nnye to kɔkɔe la dzi.\"\n7 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la;\nYehowa gblɔ nam be,\n\"Wòe nye vinye ŋutsu,\negbea mezu fofowò.\n8 Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui\nkple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.\n9 Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi,\nwoakaka abe ale si ze gbãnae ene.\"\n10 Eya ta mi fiawo, midze nunya,\neye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.\n11 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me\nkple dzodzo nyanyanya.\n12 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la,\nado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata,\nelabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi.\nWoayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/PSA002.htm","date":"2022-07-04T15:04:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104432674.76\/warc\/CC-MAIN-20220704141714-20220704171714-00253.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995732903,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999573290348053}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukae Naa Gɔmesese Vavãtɔ Nɔa Agbe Ŋu?\nESI wobia Jesse, si xɔ ƒe 17 si le sekɛndrisuku dem be wòagblɔ gɔmesese si le agbe ŋu la, eɖo ŋu be: \"Esi nèkpɔtɔ le agbe ko la, ele be naɖu agbe blibaa alesi nàte ŋui.\" Gɔmesese bubu nɔ Suzie ya si. Egblɔ be: \"Mexɔe se vevie be mɔ si nu ame ŋutɔ nɔ agbe ɖoe na gɔmesese vavãtɔ nɔa agbe ŋu nɛ.\"\nÈbu gɔmesese si tututu le agbe ŋu ŋu kpɔa? Ðe tameɖoɖo ɖeka kolia aɖe li na ameƒomea katãa? Alo nyateƒee Suzie to—be nusi mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ dzi koe míato ase agbe gɔmea? Eɖanye ŋgɔyiyi ka kee míewɔ le mɔ̃ɖaŋununya me o, le ememe la, míedina vevie be míanya gɔmesese si tututu le agbe ŋu. Mía dometɔ akpa gãtɔ biana ɣeaɖewoɣi be: 'Nukatae míele afisia ɖo?'\nWodze agbagba vevie be yewoazã egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya atsɔ aɖo nya sia ŋui. Ŋuɖoɖo kae wokpɔ? David P. Barash, si nye susu kple lãwo ŋuti nufialagã gblɔ be: \"Susu vevi aɖeke mele nɔnɔmetɔtrɔ nukpɔsusua me si ana míase agbe gɔme o.\" Nugbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋutinunyalawo xɔe se be, taɖodzinu ɖekae le nusiwo me agbe le la si: be woanɔ agbe adzi viwo. Eyata Nufialagã Barash do susua ɖa be: \"Le xexe gã sia si si taɖodzinu aɖeke mele o eye metsɔa ɖeke le eme na ame o me la, ekpo ɖe mí amegbetɔ ŋutɔwo gbɔ be míanɔ te ɖe ɖokuisi tiatiawɔblɔɖe dzi ana be gɔmesese nanɔ míaƒe agbe ŋu.\"\nGɔmesese Kple Tameɖoɖo si le Agbe Ŋu Tsoƒe\nÐe wòfia be gɔmesese si le agbe ŋu la katã koe nye emaa—be mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ nusi dze eya ŋutɔ ŋu koa? Le esi teƒe be Biblia nagble mí ɖi taɖodzinu aɖeke manamanae le xexe si me tameɖoɖo alo gɔmesese aɖeke mele o me la, eɖee fia gbaɖegbe ke be susu aɖe tae míele afisia ɖo. Menye ɖeko míeva dzɔ ɖe afisia kpoyi o. Wogblɔ na mí be mía Wɔla la zã ƒe gbogbo aɖewo tsɔ wɔ anyigba hedzrae ɖo be amegbetɔ nava nɔ edzi. Naneke medzɔ le eɖokui si o. Ekpɔ egbɔ be nusianu si yewɔ la 'nyo ŋutɔ.' (Mose I, 1:31; Yesaya 45:18) Nukatae? Elabena tameɖoɖo le Mawu si na amegbetɔwo.\nKe hã, dzidzɔnyae wònye be míanya be Mawu meɖoa mía dometɔ aɖeke ƒe etsɔme dana ɖi, eɖanye to eya ŋutɔ ƒe asitɔtrɔ le nuwo ŋu loo alo to míaƒe lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔna dzi, o. Togbɔ be míaƒe domenyinu nugbagbeviwo kpɔa ŋusẽ aɖewo ɖe mía dzi hã la, mía ŋutɔwo míete ŋu trɔ asi le míaƒe nuwɔnawo ƒe akpa gãtɔwo ŋu. Mía ŋutɔwoe tiaa alesi míanɔ agbee.\nTogbɔ be mía dometɔ ɖesiaɖe tiaa nusi wòadi be yeatsɔ yeƒe agbe awɔe hã la, anye vodada be míaɖe Wɔla la ɖa le míaƒe nuwɔnawo me. Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔe dzesii be ƒomedodo aɖe me nɔnɔ kple Mawu ye nana wosea agbe kple tameɖoɖo si le eŋu la gɔme. Wote gbe ɖe kadodo vevi si le Mawu kple míaƒe tameɖoɖo si le agbe ŋu dome la dzi le Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye \"Enaa Wòvaa Eme\" la me. (Mose II, 6:3; Psalmo 83:19) Efia be enaa nu ɖesiaɖe si ƒe ŋugbe wòdo la nɔa eme vam vivi eye ɣeawokatãɣi la, ewɔa nusianu si wòɖo be yeawɔ la dea goe ɣesiaɣi. (Mose II, 3:14; Yesaya 55:10, 11) De ŋugblẽ le gɔmesese vevi ma ŋu kpɔ ko. Gɔmesese si le ŋkɔ Yehowa ŋu la ana be mí katã míaka ɖe edzi be eya gbɔ koe tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ si nu metsina o la tso.\nLɔlɔ̃ ɖe edzi ko be Wɔla la li gɔ̃ hã kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu dzi. Linet, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: \"Ne mekpɔ nuwɔnuku siwo katã Yehowa wɔ kple tameɖoɖo si le wo ŋu la, ena mesena le ɖokuinye me be, tameɖoɖo aɖe tae wowɔ nye hã ɖo.\" Amber gblɔ kpee be: \"Ne amewo gblɔ be 'yewomenya ne Mawu li alo meli o' la, enaa meɖoa ŋku edzi be nye ya menya be Eli. Nusiwo katã Yehowa wɔ ɖo kpe edzi be Eli.\" (Romatɔwo 1:20) Ele eme baa be enyanya be Wɔla la li nye nyaa ƒe akpa aɖe, gake eƒe akpa bubu hãe nye be woatu ƒomedodo ɖɔʋu aɖe ɖo Kplii.\nXɔlɔ̃dzedze Mawu\nBiblia agate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia hã me. Eƒe ta gbãtɔawo na eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu nye Fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, mewɔ Adam kple Xawa heɣla amesi ƒomevi wònye la ɖe wo o. Ke boŋ eɖoa dze kpli wo edziedzi. Meɖe asi le wo ŋu ɖe Eden be woawo ŋutɔ nalé woƒe mɔ atsɔ le xexeame, le esime eya ŋutɔ le nu bubuwo gbɔ kpɔm, o. Ðe ema teƒe la, ena mɔfiame siwo le tẽ la wo ku ɖe alesi woanɔ agbee ŋu. Ede dɔ aɖe si me dzidzeme nɔ la wo si be woawɔ, eye wòwɔ ɖoɖo be woakpɔtɔ anɔ hehe si nam wònɔ wo la xɔm. (Mose I, 1:26-30; 2:7-9) Ðe menye nusiae nàkpɔ mɔ be dzila lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme nawɔ oa? Azɔ de ŋugblẽ le nusi esia fia la ŋu. Denielle gblɔ be: \"Enyanya be Yehowae wɔ anyigba eye wòwɔ mí kple ŋutetea be míase vivi tso yeƒe nuwɔwɔwo me ɖee fiam be edi be míakpɔ dzidzɔ.\"\nNusi gade ŋgɔ wu emae nye be, abe alesi wòle le fofo nyuie ɖesiaɖe gomee ene la, Yehowa di be ye viwo katã nanɔ ƒomedodo nyuie aɖe me kpli ye. Le susu ma ta la, Dɔwɔwɔwo 17:27 ka ɖe edzi na mí be: \"Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.\" Nukae ɖedzesi le nya sia ŋu? Amber gblɔ be: \"Yehowa nyanya na meka ɖe edzi be nyemetsi akogo kura o. Eɖanye nuka kee ɖadzɔ o, ame aɖe le asinye si ŋu matrɔ ɖo.\" Gawu la, ne èva nya Yehowa la, àde dzesii be eƒe dɔme nyo, ele dzɔdzɔe, eye wònyo. Àte ŋu aka ɖe eyama dzi. Jeff gblɔ be: \"Esi Yehowa va zu xɔnye vevi aɖe la, menyae be ame aɖeke meli si anɔ klalo akpe ɖe ŋunye ɣeawokatãɣi wu Eya o.\"\nNublanuitɔe la, wogblɔ nya vlo geɖe ɖe Yehowa ŋu. Wogblɔ be eya gbɔe ameƒomea ƒe fukpekpewo kple agbe baɖa siwo yia edzi le subɔsubɔ me la tso. Wogblɔ be egbɔe amegbetɔƒomea ƒe ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖitɔwo kekeake dometɔ aɖewo tso. Gake Mose V, 32:4, 5 gblɔ be: \"Eƒe mɔwo katã dzɔ. Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o.\" Eyata enye míaƒe agbanɔamedzi be míade ŋugblẽ le nyateƒenyawo ŋu na mía ɖokui.—Mose V, 30:19, 20.\nMawu ƒe Tameɖoɖo Va Eme\nGake aleke kee míeɖatso nya mee o, naneke mate ŋu axe mɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba sia kple na ameƒomea mava eme o. Mele be míaŋlɔe be o be eyae nye Wɔla la. Ke nukae nye tameɖoɖo ma? Yesu Kristo ƒo nu tso eŋu le eƒe Todzimawunya me esi wògblɔ be: \"Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.\" Emegbe la, eɖee fia eƒe apostolo Yohanes be Mawu ɖoe kplikpa be 'yeatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.' (Mateo 5:5; Nyaɖeɖefia 11:18) Esi Yesu nɔ Mawu gbɔ le nuwo wɔɣi ta la, enyae be Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me ke be amegbetɔƒome deblibo aɖe nanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. (Mose I, 1:26, 27; Yohanes 1:1-3) Mawu metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Mawu do ŋugbe be: \"Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.\"—Yesaya 14:24.\nLe míaƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa do ŋgɔ ɖo amewo ƒe anyinɔnɔ ɖekae le ŋutifafa me gɔme anyi, menye ɖe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi dzi abe alesi wòle le míaƒe egbe xexeame ene o, ke boŋ ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple na ame havi dzi. (Yohanes 13:35; Efesotɔwo 4:15, 16; Filipitɔwo 2:1-4) Lɔlɔ̃nu faa ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo tsɔ didi vevi le ŋgɔyiyi geɖe wɔm le woƒe dɔdasi—si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ava ŋuti nyanyui hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu naɖo—la wɔwɔ me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Le dukɔ 230 kple edzivɔ me la, Kristotɔ siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ade le ta dem agu ɖekae xoxo le dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la me.\nNà Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu\nNe èdi be gɔmesese si deto wu nanɔ wò agbe ŋu la, taflatse ke nyae be ɖee Yehowa Mawu le kpewòm be nàva bɔ ha kple yeƒe amewo—eƒe \"dukɔ dzɔdzɔe\" la—fifia. (Yesaya 26:2) Gake ɖewohĩ anɔ wɔwɔm na wò evevee be: 'Aleke Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia metɔwo nɔa agbee? Ðe mèdi be manɔ wo dome ŋutɔŋutɔa?' Se nya siwo sɔhɛ aɖewo gblɔ ɖa:\nQuentin: \"Hamea nye takpɔnu nam le xexeame. Enyanya be Yehowa le akpa vevi aɖe wɔm le nye agbe me kpe ɖe ŋunye menyae be eli eye wòdi be makpɔ dzidzɔ.\"\nJeff: \"Hamea mee nye teƒe nyuitɔ si mate ŋu ayi axɔ dzideƒoname. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le afima, eye wodoa ŋusẽm hekafuam. Wova zu ƒonyemetɔwo nyateƒe.\"\nLinet: \"Nyemate ŋu atsɔ dzi si dzɔam, ne mekpɔ ame aɖe wòxɔ Biblia me nyateƒea hetso nya me be yeasubɔ Yehowa la, asɔ kple ɖeke o. Esia naa nye dzi dzea eme ale gbegbe.\"\nCody: \"Yehowa manɔmee la, viɖe aɖeke manɔ nye agbe ŋu o. Manɔ nuwo katã tem kpɔ abe alesi ame geɖe le ewɔm ene, ahanɔ dagbadagbam be dzidzɔkpɔkpɔ dimee mele, evɔ masu asinye hã o. Ðe esia teƒe la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ gã siam si nye be manɔ ƒomedodo me kpli ye, emae wɔe be gɔmesese le nye agbe ŋu.\"\nNukatae wò ŋutɔ màwɔ numekuku le esia ŋu o? Àva de dzesii be to tete ɖe Wɔla, Yehowa Mawu, ŋu la, gɔmesese ŋutɔŋutɔ ava su asiwò le agbe me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nƑomedodo me nɔnɔ kple Mawu nana be gɔmesese va nɔa míaƒe agbe ŋu\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]\nNASA photo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040801\/Nukae-Naa-G%C9%94mesese-Vav%C3%A3t%C9%94-N%C9%94a-Agbe-%C5%8Au\/","date":"2022-07-05T13:30:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104576719.83\/warc\/CC-MAIN-20220705113756-20220705143756-00538.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998652041,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986520409584045}","num_words":1608,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gblɔ Na Wo Be Melɔ̃ Wo\nMesusui be nu si le vevie na amegbetɔƒome la enye be, wòanya lɔlɔ̃ si Mawu ɖo nɛ tɔxɛ. Esia enye gɔmesese nyuitɔ ɖoɖo na kadede menɔnɔ kple Mawu hena dziɖuɖu na xɔse ƒe agbenɔnɔ na kristotɔ. Menye ŋutilã ƒe gɔmesese na Mawu ƒe lɔlɔ̃ lae hiã na mí o. Boŋ kadede me nɔnɔ nyuie kple Mawu tso dzime lae hiã. Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖeka koe ate ŋu ana, eya ŋutɔe le ewɔ ge le esi me míele ŋugblẽ dem le eƒe lɔlɔ̃ la ŋuti me, le dzesidede Mawu ƒe lɔlɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔwo me la, nàdi kedede menɔnɔ le numekuku me to Mawunya ŋɔŋlɔ kple gbedodoɖawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/tv.joycemeyer.org\/ewe\/ebooks\/","date":"2022-06-28T08:58:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103360935.27\/warc\/CC-MAIN-20220628081102-20220628111102-00361.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944116473,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944116473197937}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"28 Míeɖi go dedie vɔ hafi va nya be Malta ƒukpoa dzie míeva do ɖo.+ 2 Eye dutagbedola mawo* nyo dɔme na mí eteƒe mekɔ o. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo na mí be míaƒu, eye woxɔ mí katã hekpe ɖe mía ŋu. 3 Ke esi Paulo fɔ nake wuwluiwo tsɔ de dzoa me la, da aɖe do tso wo me le dzoxɔxɔ la ta, eye wòxatsa ɖe eƒe asi ŋu. 4 Esi dutagbedola mawo kpɔ da vɔ̃ɖi sia wòxatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo be: \"Amewula kokokoe ame sia nye, eye togbɔ be edo le ƒua me dedie hã la, Ʋɔnu Dzɔdzɔe Drɔ̃la* la meɖe mɔ nɛ be wòayi edzi anɔ agbe o.\" 5 Gake eʋuʋu da la ɖe dzoa me, eye nu vevi aɖeke mewɔe o. 6 Ke woawo le mɔ kpɔm be atè, alo adze anyi aku enumake. Esi wolala ɣeyiɣi didi aɖe, eye wokpɔ be nu vevi aɖeke mewɔe o la, wotrɔ susu hegblɔ be mawu aɖee. 7 Ke amegã aɖe le ƒukpo sia dzi, si ŋkɔe nye Publio, ame si ƒe anyigbawo te ɖe afi ma ŋu. Exɔ mí nyuie hena míedze egbɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8 Ke edzɔ be, Publio fofo le anyimlɔƒe, elabena asrã lée eye wòle kpeta hã dem; Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, da eƒe asiwo ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.+ 9 Le nudzɔdzɔ sia megbe la, dɔnɔ bubu siwo le ƒukpoa dzi la de asi egbɔ vava me, eye wòda dɔ na wo.+ 10 Wode bubu mía ŋu hena nu geɖe mí, eye esi míeɖo tɔdziʋu le dzodzom la, wotsɔ nu sia nu si míahiã la do agba na míaƒe tɔdziʋua. 11 Le ɣleti etɔ̃ megbe la, míeɖo ʋu aɖe si ŋu woŋlɔ ɖo be \"Zeus Viwo.\" Tɔdziʋu sia tso Aleksandria eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la. 12 Esi míeva dze ɖe Sirakusa la, míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃; 13 eye tso afi ma míeva ɖo Regio. Le ŋkeke ɖeka megbe la, anyieheya aɖe ƒo, eye míeva ɖo Puteoli le ŋkeke evea gbe. 14 Míekpɔ nɔvi aɖewo le afi sia, eye woɖe kuku na mí vevie be míanɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; emegbe míeɖo ta Roma. 15 Esi nɔviawo se mía ŋkɔ la, wotso afi ma va kpe mí le keke Apio-si me kple Amedzrodzeƒe Etɔ̃awo ke. Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.+ 16 Esi míeɖo Roma mlɔeba la, woɖe mɔ na Paulo be wòanɔ eɖokui si, gake asrafo nanɔ eŋu dzɔm. 17 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe la, eyɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo vɛ. Esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo be: \"Ŋutsuwo, nɔviwo, togbɔ be nyemewɔ naneke si tsi tsitre ɖe dukɔ la alo mía tɔgbuiwo ƒe kɔnuwo+ ŋu o hã la, wode gam tso Yerusalem, eye wotsɔm de asi na Romatɔwo.+ 18 Esi ame siawo ku nya la me+ vɔ la, wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena nyemewɔ naneke si dze ku o.+ 19 Ke esi Yudatɔwo melɔ̃ ɖe edzi o ta la, eva hiã be mabia be Kaisaro nagbugbɔ nye nya la adrɔ̃ nam,+ ke hã, menye abe ɖe metsɔ nya ɖe nye dukɔa ŋu ene o. 20 Susu sia tae mebia be woana makpɔ mi ne maƒo nu kpli mi ɖo, elabena ame si Israel le mɔ kpɔm na la tae kɔsɔkɔsɔ sia le ŋunye ɖo.\"+ 21 Wogblɔ nɛ be: \"Míexɔ agbalẽ aɖeke tso Yudea le ŋuwò o, eye nɔvi siwo tso afi ma va la dometɔ aɖeke hã meƒo nu alo gblɔ nya vɔ̃ aɖeke tso ŋuwò o. 22 Ke míekpɔe be esɔ be míase nu si le susu me na wò, elabena le nyateƒe me la, míenyae be woƒoa nu tsia tre ɖe kɔmama sia ŋu+ le afi sia afi.\"+ 23 Eya ta woɖo ŋkeke si woava kpe kplii la nɛ, eye ame siwo va egbɔ le afi si wòdze la sɔ gbɔ ŋutɔ. Eye wòɖi ɖase le Mawu Fiaɖuƒe la ŋu tsitotsito tsɔ ɖe nya la me na wo tso ŋdi va se ɖe fiẽ, eye wòna kpeɖodzi wo tso Mose ƒe Se+ la kple Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo+ me ku ɖe Yesu ŋu.+ 24 Wo dometɔ aɖewo xɔ nya siwo wògblɔ la dzi se; bubuawo mexɔ edzi se o. 25 Esi woƒe nu mesɔ o, eye wonɔ dzodzom la, Paulo gblɔ nya ɖeka sia na wo be: \"Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie to nyagblɔɖila Yesaya dzi na mia tɔgbuiwo 26 be, 'Yi dukɔ sia gbɔ nàgblɔ na wo be: \"Miasee baa, gake miase egɔme akpɔ o; eye miakpɔ nu baa, gake miadze sii gbeɖe o.+ 27 Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, wosee kple woƒe towo, ke womewɔ edzi o, eye womia woƒe ŋkuwo, ne woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woatsɔ woƒe dziwo ase egɔme, be woatrɔ ne mada gbe le wo ŋu o.\" '+ 28 Eya ta nenɔ nyanya na mi be woɖo Mawu ƒe xɔxɔdɔ sia ɖe dukɔwo;+ woawo ya woaɖo toe godoo.\"+ 29 * —— 30 Ale wònɔ afi ma le xɔ si eya ŋutɔ haya+ me ƒe eve blibo, eye wòxɔa ame siwo vaa egbɔ la nyuie. 31 Eɖea gbeƒã na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu, eye wòfiaa nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la wo faa*+ mɔxeɖenu aɖeke manɔmee.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"afi ma tɔwo.\"\n^ Helagbe me nya Dike, si anya nye mawunɔ si biaa hlɔ̃ ɖe eteƒe loo alo anye susu si le ameawo si le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.\n^ Alo, \"kple dzideƒo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/28\/","date":"2022-08-12T05:50:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571584.72\/warc\/CC-MAIN-20220812045352-20220812075352-00095.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992009997,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992009997367859}","num_words":885,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee?\n\"Gaƒoƒo xɔasi eve, siwo dometɔ ɖesiaɖe me miniti vevi blaade nɔ, bu le etsɔ si va yi ƒe agudzedze kple ɣeɖoto dome. Wo teƒeɖoɖo aɖeke meli o, elabena wonu yi keŋkeŋ!\"—Lydia H. Sigourney Amerikatɔ agbalẽŋlɔla (1791-1865).\nEDZENA abe míaƒe agbenɔŋkekewo le ʋɛ eye wonu yina kabakaba ene. Hakpala Dawid de ŋugble le alesi agbe le kpuie ŋu eye wòʋãe wòŋlɔ bena: \"Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi! Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.\" Dawid tsi dzi ɖe alesi wòanɔ agbee wòadze Mawu ŋu, le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo siaa me ŋu. Egblɔ alesi wòle ŋu ɖomee ɖe Mawu ŋu be: \"Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na.\" (Psalmo 39:5, 6, 8) Yehowa ɖo toe. Eda Dawid ƒe nuwɔnawo kpɔ hã nyateƒe eye wòɖo eteƒe nɛ alesi dze.\nEle bɔbɔe be vovo manɔ ame ŋu le aɖabaƒoƒo aɖeke me le ŋkekea me o eye agbe si me hloloetsotso kple dɔwɔna yɔ fũ la nana woade gbɔdzɔe kpɔ ge ado kpoe. Esia ate ŋu ana míatsi dzi le mía ɖokui me, vevietɔ ɖe nu gbogbo siwo wòle be míawɔ kple esiwo me míato kpakple ɣeyiɣi kpui si me wòle be míawɔ wo le la ŋu. Ðe nusi le vevie na mí la sɔ kple Dawid tɔ—be míanɔ agbe ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋua? Enye nyateƒe be Yehowa kpɔa mí heléa ŋku ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu nyuie. Mawuvɔ̃la, Hiob, gblɔ anye ƒe 3,600 enye si va yi be Yehowa kpɔ yeƒe mɔwo hexlẽ yeƒe afɔɖeɖewo katã. Hiob bia eɖokui be: \"Ne edzro eme kpɔ la, aleke maɖo eŋu nɛ?\" (Hiob 31:4-6, 14) Anya wɔ be míana míaƒe ŋkekewo naxɔ asi le Mawu ŋkume to gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo, eƒe sewo dzi wɔwɔ, kple míaƒe ɣeyiɣiwo zazã nunyatɔe me. Mina míadzro nya siawo me nyuie vie.\nMina Gbɔgbɔmenuwo Nanye Nu Vevitɔwo na Mí\nŊɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la bia tso mía si wòsɔ be míaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo esime wogblɔ be: 'Miaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi.' Nukawoe nye nu vevi siawo? Ŋuɖoɖoa lɔ 'sidzedze kple nugɔmesese vavãtɔ' ɖe eme. (Filipitɔwo 1:9, 10) Ebia be míazã míaƒe ɣeyiɣi nunyatɔe hafi Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze nasu mía si. Gake nana be gbɔgbɔmenuwo nanye nu vevitɔwo na mí ana kakaɖedzi mí be míanɔ agbe si me viɖe kple dzidzeme le.\nApostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be \"míayi edzi anɔ nusiwo nyoa Aƒetɔ la ŋu dom kpɔ.\" Be míado wo akpɔ la lɔ ŋkuléle ɖe mía ŋutɔwo míaƒe tamesusuwo kple nusiwo dzroa míaƒe dzi ŋu ɖe eme. Apostoloa yi edzi be: \"Miyi edzi míanɔ si dzem nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.\" (Efesotɔwo 5:10, 17, NW) Ekema nukawoe nyoa Yehowa ŋu? Biblia me lododo aɖe ɖo eŋu be: \"Nunya ƒe gɔmetoto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wò kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee. Kɔe ɖe dzi, ne wòakɔ wò ɖe dzi.\" (Lododowo 4:7, 8) Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe amesi ƒlea nunya hetsɔa mawumenunya wɔa dɔe la ŋu. (Lododowo 23:15) Nusi nyo le nunya ma ŋu enye be womate ŋu axɔe le ame si alo agblẽe o. Le nyateƒe me la, eva zua dzɔla kple takpɔnu 'tso mɔ vɔ̃wo kple amesiwo gblɔa godzenyawo si me.'—Lododowo 2:10-15.\nEkema nunyanu kae nye si wònye be míatsi tre ɖe nusianu si ana míava tsɔ gbɔgbɔmenuwo nu tsɛ la ŋui! Ehiã be míatu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo ŋu kple eyama vɔvɔ̃ ƒe nɔnɔme si sɔ ɖo. (Lododowo 23:17, 18) Togbɔ be tamesusu ƒe nɔnɔme sia ate ŋu asu ame si le agbe ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me hã la, anyo wu be míana nɔnɔme nyui sia nasu mía si ahana Biblia ƒe gɔmeɖosewo naƒo ke ɖe míaƒe amenyenye me le sɔhɛ me. Fia nyanu Salomo gblɔ be: \"Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.\"—Nyagblɔla 12:1.\nMɔ si le tẽ wu si dzi ame ate ŋu ato atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu ɖo enye gbedodoɖa nɛ gbesiagbe. Dawid nya vevienyenye si le ame ƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa ŋu, elabena egblɔ kukuɖeɖetɔe be: \"Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o.\" (Psalmo 39:13) Ðe alesi míaƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu de toe la wɔa dɔ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi ɣeaɖewoɣi be aɖatsi gena le mo na mía? Le nyateƒe me la, zi alesi míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Yehowa hedea ŋugble le eƒe Nyaa ŋu la, zi nenemae míetena ɖe eŋu kplikplikplii.—Yakobo 4:8.\nSrɔ̃ Toɖoɖo\nMose nye xɔsetɔ bubu aɖe si kpɔe be ele be yeaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Abe Dawid ene la, Mose te ŋu kpɔe be kuxiwo yɔ agbe me fũ. Eyata eɖe kuku na Mawu be wòafia 'alesi yeaxlẽ yeƒe ŋkekewoe la ye, ne dzi nyanu naɖo ye si.' (Psalmo 90:10-12) Dzi nyanu asu ame si to Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe wo nu ko me. Mose nya esia eye wòdze agbagba be yeaƒã nyateƒe vevi sia ɖe Israel-dukɔa me to ŋkuɖoɖo Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi na wo ake me hafi woaxɔ Ŋugbedodonyigbaa wòazu wo tɔ. Wobia tso ame ɖesiaɖe si Yehowa ava tia aɖo fiae ɖe Israel nu si be wòagbugbɔ Sea aŋlɔ na eɖokui ahaxlẽe le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Nukatae? Be wòate ŋu asrɔ̃ mawuvɔvɔ̃. Esia woatsɔ ado fia ƒe toɖoɖo akpɔe. Akpɔ eta be wòagado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu o eye wòana hã be wòanɔ agbe eteƒe nadidi le eƒe fiaɖuƒea me. (Mose V, 17:18-20) Wogbugbɔ gbe te ɖe ŋugbedodo sia dzi esime Yehowa gblɔ na Dawid vi Salomo be: \"Ne èzɔ nye mɔwo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi.\"—Fiawo I, 3:10-14.\nToɖoɖo nye ŋkubiãnya le Mawu gbɔ. Nenye be míatsɔ Yehowa ƒe nudidiwo kple sedede aɖewo nu tsɛ abe ɖee womele vevie o ene la, akpɔ nɔnɔme ma adze sii godoo. (Lododowo 15:3) Ele be esia nyanya naʋã mí be míade bubu deto Yehowa ƒe mɔfiamewo ŋu vevie, togbɔ be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o hã. Satana wɔa nusianu si wòate ŋui be yeatsɔ 'axe mɔ na mí' esi míele kutri kum be míawɔ ɖe Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.—Tesalonikatɔwo I, 2:18.\nEle vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔa ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be míakpe ta ɖekae na tadedeagu kple hadede la dzi. (Mose V, 31:12, 13; Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata anyo be míabia mía ɖokui ase be: 'Ðe meɖoe kplikpaa be mawɔ nusi ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣia?' Be míagblẽ hadede kple nufiame xɔxɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɖi ɖe agbagbadzedze be míakpɔ ga ta agbɔdzɔ míaƒe ƒomedodo kple Yehowa me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena [Yehowa] ŋutɔ gblɔ be: 'Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.'\" (Hebritɔwo 13:5) Toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo tso lɔlɔ̃nu faa me ɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi vevie be alé be na mí.\nYesu srɔ̃ toɖoɖo hekpɔ eme viɖewo. Nenema kee wòate ŋu aɖe vi na míawo hã. (Hebritɔwo 5:8) Zi alesi míele toɖoɖo tum ɖo la, zi nenemae wòabɔbɔ na mí be míaɖo to, le nu suewo gɔ̃ hã mee. Enye nyateƒe be, le míaƒe nuteƒewɔwɔ ta la, ahiã be míanɔ te ɖe ame bubuwo ƒe nuwɔna madodzidzɔnamewo kple ŋlɔmiwɔwɔ gɔ̃ hã nu. Esia ate ŋu adzɔ le dɔwɔƒe, le suku, alo le aƒekɔ si me ma le subɔsubɔ ta me koŋ. Ke hã, míekpɔa akɔfafa le nya si wogblɔ na Israel-viwo me be ne 'wolɔ̃ Yehowa heɖo to eƒe gbe, eye woku ɖe eŋu la, anye woƒe agbe, bena woanɔ agbe didie le anyigba dzi.' (Mose V, 30:20) Wogale ŋugbe sia tututu dom na mí.\nZã Ɣeyiɣi Nunyatɔe\nMíaƒe ɣeyiɣiwo zazã nunyatɔe hã akpe ɖe mía ŋu míaƒe ŋkekewo naxɔ asi le Yehowa ŋkume. Ɣeyiɣi mele abe ga ene be woadzra ɖo o, ele be woazãe ne menye nenema o la, abu. Gaƒoƒo ɖesiaɖe si va yina la buna tegbee. Esi wònye be nusiwo wòle be míawɔ la sɔa gbɔ ɣesiaɣi wu mí ta la, ɖe míele míaƒe ɣeyiɣi zãm wòle sɔsɔm ɖe míaƒe taɖodzinuwo nua? Nusi wòle be wòanye Kristotɔwo katã ƒe taɖodzinu vevitɔ enye gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me.—Mateo 24:14; 28:19, 20.\nNenye be míenya asixɔxɔ si le ɣeyiɣi ŋu ko hafi míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi la nunyatɔe. Esɔ ŋutɔ be Efesotɔwo 5:16 xlɔ̃ nu mí be 'míaƒle ɣeyiɣi si ade mía dzi la na mía ɖokui,' eye esia bia be míaɖe asi le nusiwo mele vevie tututu o la ŋu. Efia be miaɖe ɣeyiɣi gblẽnuwo dzi akpɔtɔ. Television kp��kpɔ alo Internet me tsatsa fũ akpa, agbalẽ siwo ŋu viɖe mele o xexlẽ, alo kamedede kple modzakaɖeɖe yomenɔnɔ vivivo ate ŋu ana ɖeɖi nate mía ŋu. Gakpe ɖe eŋu hã, kɔlili ŋutilãmenunɔamesiwo wòagbɔ eme ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si hiã be woatsɔ atu dzi nyanu ɖoe la le ame si.\nƔeyiɣi zazã nyuie ƒe boblodolawo gblɔ be: \"Màte ŋu azã wò ɣeyiɣi nyuie ne taɖodzinu nyuiwo mele asiwò o.\" Wotɔ asi taɖodzinu ɖoɖo ŋuti dzidzenu atɔ̃ dzi: esiwo ku ɖe nane ŋu tẽ, esiwo woate ŋu adzidze, esiwo gbɔ woate ŋu aɖo, esiwo ɖɔ ʋu, kple esiwo ŋu woɖo ɣeyiɣi ɖo.\nTaɖodzinu ɖɔʋu ɖekae nye be míana míaƒe Biblia xexlẽ nanyo ɖe edzi. Afɔ gbãtɔae nye be míawɔ míaƒe taɖodzinua wòaku ɖe nane ŋu tẽ—be míaxlẽ Biblia bliboa. Eveliae nye míana míaƒe taɖodzinua nanye esi woate ŋu adzidze. Ne míewɔ esia la, míate ŋu anya alesi míele ŋgɔ yimee. Ele be taɖodzinuwo nana míado vevie nu ahatsi. Ele be woanye esiwo gbɔ míate ŋu aɖo hã. Ele be míabu ame ŋutɔ ƒe ŋutetewo, aɖaŋuwo, kple ɣeyiɣi si le esi hã ŋu. Le ame aɖewo gome la, abia ɣeyiɣi geɖe hafi woate ŋu aɖo taɖodzinua gbɔ. Mlɔeba, ehiã be míaɖo ɣeyiɣi ɖe míaƒe taɖodzinua ŋu. Ɣeyiɣi ɖoɖo na nane nu wuwu ate ŋu adzi didi be woawɔe awu enu la ɖe edzi.\nToɖodzinu si ku ɖe nane ŋu tẽ le xexeame katã ƒe Betel-ƒomea me tɔ, siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã alo eƒe alɔdzeawo, si be woaxlẽ Biblia bliboa le woƒe Betel nɔnɔ ƒe ƒe gbãtɔ me. Wokpɔe be Biblia xexlẽ si ŋu viɖe lee na wotsi le gbɔgbɔ me hena wodo ƒome kplikplikpli kple Yehowa, amesi le nusi nyo na wo la fiam wo. (Yesaya 48:17) Ðe míate ŋu ana Biblia xexlẽ edziedzi nanye míawo hã ƒe taɖodzinua?\nViɖe Siwo Le Nana be Viɖe Nanɔ Míaƒe Ŋkekewo Ŋu Me\nGbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ahe yayra geɖewo vɛ. Nusita wòle aleae nye be, enana míesena le mía ɖokui me be míekpɔ dzidzedze eye tameɖoɖo le agbe ŋu. Dzeɖoɖo kple Yehowa edziedzi le gbedodoɖa si tso dzime me tea mí ɖe eŋu kplikplikpli. Gbea dodoɖa ŋutɔ hã ɖenɛ fiana be míeka ɖe eyama dzi. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo \"dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la\" nana xexlẽ gbesiagbe ɖena alesi míelɔ̃ faa be míaɖo to Mawu ne ele nu ƒom na mí la fiana. (Mateo 24:45-47) Esia kpena ɖe mía ŋu be dzi nyanu nasu mía si ale be míate ŋu awɔ nyametsotso kple tiatia nyuitɔwo le agbe me.—Psalmo 1:1-3.\nEdzɔa dzi na mí be míaɖo to Yehowa ƒe sededewo, elabena esia menye agba o. (Yohanes I, 5:3) Ne míele asixɔxɔ dem ŋkeke ɖesiaɖe ŋu le Yehowa ŋkume la, míenaa ŋusẽ ɖoa mía kpli dome ƒomedodoa ŋu. Míeva zua amesiwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu vavã hati Kristotɔwo hã. Nuwɔna siawo doa dzidzɔ na Yehowa Mawu ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eye teƒeɖoɖo aɖeke mede ŋudzedze si Yehowa akpɔ ɖe mía ŋu fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me la nu o!\n[Nɔnɔmetata si le axa 21]\nKristotɔwo tsɔa gbɔgbɔmenuwo vevie\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]\nÐe nèle wò ɣeyiɣi zãm nunyatɔea?\n[Nɔnɔmetata si le axa 23]\nMíedoa ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo ne míena viɖe le ŋkeke ɖesiaɖe ŋu le eŋkume","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021115\/Aleke-M%C3%ADana-Vi%C9%96e-Nan%C9%94-M%C3%ADa%C6%92e-Agbeme%C5%8Bkekewo-%C5%8Au-le-Yehowa-%C5%8Akumee\/","date":"2022-08-18T13:11:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882573197.34\/warc\/CC-MAIN-20220818124424-20220818154424-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980087876,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980087876319885}","num_words":1959,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Etsɔmemɔkpɔkpɔ Kae Li?\nNUSIWO katã ŋu míede ŋugble le ƒe akpa aɖe koe amegbetɔ nye. Nuwɔwɔ siwo katã le anyigba dzi ƒe wɔƒe li si Mawu ɖo na wo. Mía kple nu gbagbe bubu siwo ƒo xlã mí kpɔa gome le nu geɖe me ɖekae—esi ƒo wo katã ta lae nye agbe, nunana wɔnuku la ŋutɔ hã. Susu sia tae wòtena ɖe ame geɖe dzi vevie ne nu gbagbe ƒomevi aɖe tsrɔ̃.\nEsime dzɔdzɔmeŋutinunyala Anthony C. Janetos nɔ eƒe nyawo ŋlɔm ɖe Consequences magazine me la, egblɔ be: \"Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be esi mí katã míedo ka ta la, enye míaƒe agbanɔamedzi be míakpɔ ɣletinyigba la ta be wòakpɔtɔ anye nɔƒe, eye be míanye xɔnuvi nyui siwo kpɔa nu gbagbe ƒomevi gbogbo siwo le edzi la ta hena amegbetɔƒome siwo le edzi fifia kple esiwo le vava ge ƒe dedienɔnɔ. Be esia nanya wɔ la, ebia be míatsɔ ɖe le nu gbagbe ƒomevi vovovowo ƒe vevienyenye me—le nusiwo míekpɔna tsoa wo gbɔ hena nu gbagbe ɖesiaɖe ƒe zazã kple le mɔ siwo dzi míate ŋu azã wo le siaa ta—eye míaɖoe kplikpaa be míakpɔ wo ta.\"\nNuka Wɔm Wole tso Eŋu?\nLe nyateƒe me la, alesi amewo tsi dzi le xexeame godoo ɖe nu gbagbe siwo dzi míaƒe agbe nɔ te ɖo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta na dziɖuɖuwo kple habɔbɔ bubuwo ƒe amedɔdɔwo kpe ta wɔ Nu Ggbagbe Ƒomeviwo Takpɔkpɔ Ðoɖo. Wokpɔe le ɖoɖo sia si me kɔ la me be nu gbagbe ƒomevi vovovowo takpɔkpɔ nye nusi me wole be amesiame natsɔ ɖe le.\nBe woagase nu gbagbe ƒomevi vovovowo ƒe nyaa gɔme ɖe edzi la, nugbagbeŋutinunyalawo, nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋutinunyalawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunyala bubu siwo le xexeame godoo ɖo ƒe 2001-2002 ɖi be wòanye Ŋkuléle Ðe Dukɔwo Dome Nu Gbagbe ƑomeviwoŊu ƒe Ƒe. Diana Wall, amesi nye nugbagbeŋutinunyala le Colorado State Yunivɛsiti, amesi nɔ zi me na numekuhaa gblɔ be: \"Nu gbagbe ƒomevi vovovowo ŋuti numekuku wɔwɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ geɖe na mí be míake ɖe domenyiŋusẽmenugbagbevi yeyewo ŋu, kple nusiwo woate ŋu atsɔ awɔ dɔyɔtikewoe, míate ŋu ana agblemenuwo nawɔ nyuie wu alo atrɔ asi le anyigba siwo dome wogblẽ ŋu woagbugbɔ aɖo woƒe nɔnɔ.\" Wall gblɔ kpee be: \"Vevietɔ wu la, nu gbagbe ƒomevi yeyewo ƒe nɔƒewo, akpa siwo wɔna be nu gbagbewo kple wo nɔƒewo nakpɔtɔ anɔ dedie, kple alesi míakpɔ wo tae la nyanya le vevie na mí ŋutɔ be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo tso míaƒe anyigbaa, tɔsisiwo kple atsiaƒugã gbanaawo ŋu.\"\nTɔtrɔ Veviwo Wɔwɔ Hiã\nTogbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi aɖewo siwo dze na kafukafu hã la, kuxia ƒe dzesiwo ko gbɔe agbagbadzedze aɖewo kpɔ, ke menye nusiwo gbɔ wotso o. Numekulawo bui be afisi woɖo fifia la, ɣeyiɣi fũ mele amegbetɔwo si o. Esi Ruth Patrick, si le Dzɔdzɔmenunya Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Philadelphia, Pennsylvania, U.S.A., ku nu me tso nusi wòyɔ be \"nu gbagbe ƒomevi vovovo siwo ate ŋu atsrɔ̃\" ŋu la, eƒo nya ta be \"ŋkubiãɣi enye esia . . . Nuwɔwɔ kpatae hiã vevie fifia.\" Be nu gbagbe ƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ si le edzi yim natɔ te la, ele be amegbetɔ nawɔ tɔtrɔ tso alesi wòwɔa nui ɖe ɣletinyigba sia kple nu gbagbe siwo le edzi ŋu la me. Nu geɖe hiã wu be woanɔ nusiwo dome wogblẽ ɖɔm ɖo ko atɔ ɖe afima. Dzɔdzɔmenuwo Ŋuti Numekuha gblɔ be: \"Eyata womate ŋu aɖe nu gbagbe ƒomevi vovovoawo takpɔkpɔ ɖa le hadome ŋgɔyinyawo . . . gbɔ kpɔkpɔ ŋu o.\nTaɖodzinu sia gbɔ ɖoɖo abia kokoko be amegbetɔwo nawɔ tɔtrɔ veviwo. Agbalẽ si nye Caring for the Earth lɔ̃ ɖe edzi be xɔnuvi nyui nyenye bia \"dzidzenuwo, ga ŋuti nukpɔsusu ɖɔʋu, kple ameƒomevinyenye si to vovo kura tso akpa gãtɔ siwo li egbea gbɔ.\"\nBiblia la na eme kɔ be ŋutete mele amegbetɔwo ŋu be woahe tɔtrɔ siawo vɛ o. Yeremya 10:23 gblɔ be: \"Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.\" (Lododowo 20:24) Nyateƒenya sia dze gaglãa le ŋutinya me katã, eye nusi do tso eme na amegbetɔwo esi woŋe aɖaba ƒu gɔmeɖose sia dzi na míele akɔ kpem kple \"ɣeyiɣi vɔ̃wo\" siwo ƒe nya wogblɔ le Timoteo II, 3:1-5. Kpukpui siawo fia mí hã be amewo ƒe nu trama wɔwɔwo gbɔe ɣeyiɣi vɔ̃awo tso. Eyata ne amewo metrɔ o la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe kuxia gbɔ kpɔnu ɖesiaɖe si woato vɛ la anɔ anyi.\nLe gbebiabia dzɔdzɔmeŋutinunyala Ðk. Jane Goodall, si xɔ ŋkɔ le xexeame godoo me la, egblɔ be nu gbagbewo ƒe nɔƒewo tsɔtsrɔ̃ \"tsoa ŋukeklẽ ɖe ga ŋu kple ŋutilãmenudidi vivivo le dukɔ deŋgɔwo me gbɔ zi geɖe.\" Eye nu miemieŋutinunyala Peter Raven, si nye United States Dukɔa ƒe Dzɔdzɔmenunya Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe agbalẽŋlɔla tsã la xlɔ̃ nu be \"manyamanya, ɖekematsɔleme, koɖoɖo kple ŋubiã gbɔe kuxi vovovo siwo ate ŋu agblẽ nu le Anyigba la ŋu kura la tso.\" Eyata dzidzenu siwo hiã be woatrɔ la dometɔ aɖewoe nye ɖokuitɔdidi, ŋukeklẽ, manyamanya, nuŋumabumabu yi ŋgɔe kple tɔnye-ko-nenyo nukpɔsusuwo.\nNusi Ko Akpɔ Nu Gbagbe Ƒomevi Vovovowo Ta\nEsɔ be nu gbagbe ƒomevi vovovo siwo wɔ nuku ale gbegbe la Wɔla natsɔ ɖe le eƒe nuwɔwɔwo ƒe etsɔme me vevie. Biblia gblɔ na mí be Mawu ade nu nyawo me kpuie 'ahatsrɔ̃ amesiwo le anyigba la gblẽm.'—Nyaɖeɖefia 11:18.\nÐe Mawu ana nu gbagbe siwo tsrɔ̃ le anyigba la dzi le amegbetɔwo ƒe nuwɔna ta natrɔ agbɔa? Ne Wɔla la di be yeana lã siwo tsrɔ̃ nagbugbɔ ado ɖe anyigbaa dzi la, ɖikeke mele eme o be ate ŋu agbugbɔ awɔ wo le etsɔme. Ate ŋu awɔ nu miemie siwo tsrɔ̃ la hã nenema ke. Gake esi Biblia megblɔ eŋunya na mí o ta la, masɔ be míasusu naneke agblɔ o.\nNusi ŋugbe wodo be Mawu ƒe dziɖuɖu awɔ enye be woayra anyigba dzi nu gbagbewo katã. Hakpala la gblɔ be: \"Anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe; agble kple nusiwo katã le eme la, akpɔ dzidzɔ, emegbe avemetiwo katã atso aseye.\"—Psalmo 96:11, 12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/Ets%C9%94mem%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-Kae-Li\/","date":"2022-08-08T19:54:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570871.10\/warc\/CC-MAIN-20220808183040-20220808213040-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990550876,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990550875663757}","num_words":981,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔhɛmenɔɣi nye ɣeyiɣi si me wogblɔna be ame nɔa lãmesẽ me eye ŋusẽ geɖe nɔa eŋu. Ke hã le sɔhɛ aɖewo ya gome la, dɔléle sesẽwo na be wɔna boo megale wo ŋu o. Alea wòle le gowòmea? Ne nenemae la, ke nu siwo me V'loria, Justin kple Nisa to la ade dzi ƒo na wò. Yehowa Ðasefowoe wo katã wonye. De dzesi ale si wowɔ nɔ te ɖe lãmesẽkuxi sesẽ aɖewo nui la ɖa.\nV'loria\nLãmekaveamedɔ le ŋunye tso esime mexɔ ƒe 14 pɛ ko. Kaka maxɔ ƒe 20 la, wokpɔ ƒunukpeƒetetedɔ kple dɔléle vɔ̃ɖi siwo woyɔna be lupus kple Lyme le ŋunye. Esi wònye be megbɔdzɔna ɣesiaɣi ta la, esesẽna nam be mawɔ nu siwo katã medina be mawɔ. Ɣeaɖewoɣi la, metutuna tsia bunɔkeke me.\nNane si ɖea fu nam wu nye dɔlélea ŋutɔe nye ale si wòtena ɖe dzinye vevie be nyemetea ŋu wɔa nu bɔbɔetɔ teti gɔ̃ hã o, abe nuŋɔŋlɔ alo nuʋuʋu le ze nu ene. Ne mekpɔ ɖeviwo le zɔzɔm la, nyemetea ŋu sea nu si tae azɔlizɔzɔ sesẽna na nye ya nenema gbegbe ɖo la gɔme o. Mesena le ɖokuinye me be medo kpo nu.\nDzidzɔtɔe la, nye ƒometɔwo kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me mele la me tɔwo naa kpekpeɖeŋum. Hamea me tɔwo va kpɔam ɖa, eye esia nana be nyemegasena le ɖokuinye me be metsi akogo o. Togbɔ be menɔa bɔbɔe be woakɔm le nye bunɔkeke me alo akɔm de ʋu loo alo akɔm do go le ʋu me o hã la, hamea me tɔ aɖewo kpeam hena hadomewɔnawo.\nAme tsitsi siwo le hamea me la kpena ɖe ŋunye ŋutɔ, elabena wosea nye nɔnɔmea gɔme nyuie. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔ afi si nye ŋutete se ɖo, eye wona mese egɔme hã be mele be wòate ɖe dzinye ne nyemetea ŋu wɔa geɖe abe ame bubuwo ene o. Afi siwo mekpɔa dzidzɔ le wue nye hamea ƒe kpekpewo me kple gbeadzi. (Hebritɔwo 10:25) Le ɣeyiɣi mawo me la, mekpɔnɛ be togbɔ be mele dɔ lém hã la, nyemeto vovo boo tso ame bubuwo gbɔ o.\nMeɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be Yehowa naa nu siwo akpe ɖe mía ŋu míado dzi la mí. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be ne míaƒe gota gome le gbegblẽm hã la, ame si míenye le ememe ya ate ŋu anɔ \"yeye zum gbe sia gbe.\" (2 Korintotɔwo 4:16) Nenema tututue mesena le ɖokuinye me!\nBu nya sia ŋu: Ne dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na wò la, nu ka tae wòle vevie be nàdi kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ? Ne èle lãmesẽ me la, aleke nàte ŋu akpe ɖe ame aɖe si le dɔ lém la ŋu?—Lododowo 17:17.\nJustin\nMedze anyi, eye nyemegate ŋu le fɔfɔm o. Nye akɔta lia goŋgoŋ, eye nyemete ŋu le ʋaʋãm o. Wokɔm enumake yi kɔdzixɔ si me wokpɔa nɔnɔme kpatawo gbɔ le la me. Gbã la, ɖɔktawo mete ŋu nya nu si tututu nɔ fu ɖem nam o. Gake esi nu sia gadzɔ ɖe dzinye zi geɖe la, wova de dzesii be Lyme-dɔlélee le fu ɖem nam.\nLyme-dɔléle sia gblẽ nu le nye ahɔhɔ̃mekawo ŋu. Le nyateƒe me la, megaƒona tititi ɣeaɖewoɣi togbɔ be ƒe geɖee nye esia wokpɔ dɔléle sia le ŋunye hã. Gbe aɖewo gbe la, lãme kple asibidɛwo veam ale gbegbe be nyemetea ŋu ʋãa wo o. Ðeko wòwɔna nam abe ɖe nye ƒunukpeƒewo katã nyunyɔ ene.\nMegblɔna na ɖokuinye be, 'nyemekpɔ tsi madze dɔ sia o ɖe,' eye esia nana medoa dziku. Mefaa avi na Mawu gbe sia gbe hebianɛ be, \"Nu ka tae mele nɔnɔme sia me tom?\" Meva nɔ sesem le ɖokuinye me gɔ̃ hã be Mawu gblẽm ɖi. Gake mede ŋugble tso Hiob ƒe ŋutinya si le Biblia me la ŋu. Hiob mese nu si tututu tae wònɔ kuxi geɖe me tom la gɔme o, gake eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu. Ne Hiob te ŋu wɔ nu nenema le kuxi gbogbo mawo me la, ke nye hã mate ŋu awɔ nenema ke.\nHamemetsitsi siwo le míaƒe hamea me la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Wova kpɔa nye fɔfɔme ɖa ɣesiaɣi. Hamemetsitsi aɖe gblɔ nam be mate ŋu ayɔ ye ɣesiaɣi si medi be maƒo nu kple ame aɖe. Medaa akpe na Yehowa gbe sia gbe ɖe xɔlɔ̃ siawo tɔgbi ta!—Yesaya 32:1, 2.\nƔeaɖewoɣi ne míele dɔ lém vevie la, míeŋlɔa nyateƒenya vevi aɖe be, eyae nye be Yehowa nya nɔnɔme siwo me tom míele. Biblia gblɔ be: \"Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.\" (Psalmo 55:22) Nu siae medzea agbagba wɔna gbe sia gbe.\nNisa\nEsi menye sɔhɛvi ko la, wokpɔ dɔléle si woyɔna be Marfan le ŋunye. Enye dɔléle aɖe si nana be ame ƒe ƒunukpeƒewo gbɔdzɔna. Dɔléle sia gblẽa nu le ame ƒe dzi, ŋkuwo kple lãmenu vevi bubuwo hã ŋu. Nyemesea veve gbe sia gbe ya o, gake ne eho nam la, nye dzi koe dina be yeage ɖe dɔ me nam.\nEsime wokpɔ dɔ sia le ŋunye la, avi dzi ko menɔna. Mevɔ̃na be nyemagate ŋu awɔ nu siwo katã wɔwɔ doa dzidzɔ nam la o. Le kpɔɖeŋu me, melɔ̃a ɣeɖuɖu, eya ta ne mebu eŋu kpɔ be gbe ɖeka la, vevesesea nu asẽ ale gbegbe be nyemagate ŋu aɖu ɣe alo azɔ azɔli teti o la, esia nana mevɔ̃na na etsɔme.\nNɔvinye nyɔnu tsitsia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Ekpe ɖe ŋunye ale be nye nu megawɔa nublanui na ɖokuinye o. Egblɔ nam be mele be manɔ vɔvɔ̃m o, elabena esia ana wɔna navɔ le ŋunye le agbe me. Ede dzi ƒo nam hã be manɔ gbedodoɖa dzi vevie, elabena ame si nya nu si me tom mele hese nye nɔnɔmeawo gɔme nyuie wu lae nye Yehowa.—1 Petro 5:7.\nMawunyakpukpui si de dzi ƒo nam ŋutɔe nye Psalmo 18:6, egblɔ be: \"Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me, eye mele ɣlidodo dzi na nye Mawu be wòaxɔ nam. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.\" Mawunyakpukpui sia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ne medo gbe ɖa na Yehowa hebiae be wòakpe ɖe ŋunye manɔ te ɖe nye dɔlélea nu la, aɖo tom ahakpe ɖe ŋunye. Ele klalo be yeakpe ɖe ŋunye ɣesiaɣi.\nMesrɔ̃e be esɔ be míalé blanui alo ado dziku gɔ̃ hã ɖe nɔnɔme madeamedzi si me tom míele la ta, gake mele be míaɖe mɔ be nɔnɔmea nana wɔna navɔ le mía ŋu le agbe me alo agblẽ mí kple Mawu dome o. Menye eya gbɔe míaƒe kuxiwo tso o, eye ne míena wònye ame vevitɔ na mí le agbe me la, magblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o.—Yakobo 4:8.\nBu nya sia ŋu: Ðe wòle be míabu fɔ Mawu ɖe míaƒe fukpekpewo ta?—Yakobo 1:13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/l%C3%A3mes%E1%BA%BDkuxi-akpa-3\/","date":"2022-10-05T21:04:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337668.62\/warc\/CC-MAIN-20221005203530-20221005233530-00027.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997925818,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979258179664612}","num_words":1099,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Míedi be míawɔ Ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ.\nEƒe se nyuiawo Dzi míawɔ gbe sia gbe.\nNu si nyo la míawɔ, Nu si dze la míawɔ,\nBe míado dzidzɔ Na mía Mawu.\n2. Xexe vɔ̃ɖi sia Me ŋkɔxɔxɔ míagbe,\n'Labe míenyae be Tofloko sɔŋ wònye.\nMawu kple Via míalɔ̃, Anye wo xɔlɔ̃wo.\nEsiae akplɔ mí Yi agbe me.\n3. Yayra gãe wòanye Ne ŋkɔ nyui le mía ŋu;\nMawu aɖo ŋku Mía dzi yi mavɔ me.\nNyateƒea ta míaʋli, Kekelia me míazɔ,\nBe míawɔ ŋkɔ nyui Le Mawu gbɔ.\nTatatɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/d\/r114\/lp-ew\/1102016839#h=1-17","date":"2022-09-25T10:45:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334528.24\/warc\/CC-MAIN-20220925101046-20220925131046-00769.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9882324338,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.988232433795929, \"ajg_Latn_score\": 0.011786767281591892}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía tō si le dzipo,\nWo nkō ti nekō,\nWo fiadufe neva\nNe wowō wo lōlōnu le anyigba dzi\nSigbe alesi wowō nè le dzipo ene.\nNa mí egbea míafe nkeke ndudu,\nNatsō miafe nouvō wo ke mí,\nSigbe Alesi mia wo hã\nMitsō ké na amesiwo da vo de mía nti ene\nEye mega kplō mí yi tetekpō me o,\nKe dé mí da le vō la gbō.\nAmen","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"http:\/\/rosary.op.org\/ee\/taxonomy\/term\/93","date":"2022-09-25T07:46:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334515.14\/warc\/CC-MAIN-20220925070216-20220925100216-00001.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954193234,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954193234443665}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.129,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kawoe yia edzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me?\nFiaɖuƒe Akpata nye Biblia srɔ̃ƒe, afi si wosrɔ̃a nu tso ale si woanɔ agbe ɖe Biblia me nyawo nu le. Kpekpe siwo yia edzi la afi ma la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò:\nnàsrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu.\nnànya gɔmesese si le egbegbe nudzɔdzɔwo ŋu.\nwò agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi.\nxɔlɔ̃ vavãwo nasu asiwò.\nNu ka tae wòanyo be nàde kpekpeawo?\nNu siwo nàsrɔ̃ le afi ma la aɖe vi na wò. Biblia ƒe mɔfiame siwo me wodzrona le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me la akpe ɖe ŋuwò 'nàdze nunya.' (Lododowo 4:5) Esia fia be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le agbe me. Azɔ hã, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo ku ɖe agbea ŋu, abe esiawo ene:\nBiblia me nuƒo siwo woƒona le míaƒe kwasiɖanuwuwu ƒe kpekpewo me la dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe tanyawoe nye esiawo:\nNu Ka Tae Nàna Biblia Nafia Mɔ Wò?\nAfi Kae Nàte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Tsoe Le Xaxaɣiwo?\nNu Si Wɔm Mawu Fiaɖuƒea Le Na Mí Fifia\n\"Nye sukuhati aɖe de míaƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka. Enɔ anyi ɖe míaƒe ƒomea gbɔ le kpekpea me, eye míena wòkpɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi. Emegbe egblɔ nam be ale si amewo ɖo nya ŋu le kpekpea ƒe akpa si nye nyabiabia kple ŋuɖoɖowo me la wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. Egblɔ hã be le yewoƒe sɔleme la, Biblia-srɔ̃gbalẽwo mele yewo si abe míawo ene o.\"—Brenda.\nÈnyaa? Le Fiaɖuƒe Akpatawo me la, womexɔa ga ɖe vava ta o, eye womedzɔa ga le amewo si hã o.\nHadede kple ameawo ade dzi ƒo na wò. Biblia gblɔ be susu siwo tae wòle be Kristotɔwo nanɔ ƒu ƒom ɖekae dometɔ ɖekae nye be 'woanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo.' (Hebritɔwo 10:24, 25) Le kpekpea me la, míedea ha kple ame siwo Mawu subɔsubɔ le vevie na siwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo wu woawo ŋutɔ wo ɖokuiwo, eye esia nana míaƒe dzi dzea eme le xexe sia si me ame geɖe dia wo ɖokui tɔ le la me.\n\"Ɣeaɖewoɣi kaka makpa le suku la, ɖeɖi tea ŋunye ŋutɔ eye meléa blanui, gake ɣesiaɣi si meyi Fiaɖuƒe Akpata me la, ame siwo medoa goe la nana nye dzi dzea eme. Ne mekpa tso kpekpea yina aƒe me la, dzi dzɔam, eye mekpɔnɛ be mesu te be madze ŋgɔ etsɔ si gbɔna ƒe kuxiwo.\"—Elisa.\nÈnyaa? Yehowa Ðasefowo ƒe hame 120,000 kple edzivɔ ye le xexea me godoo, eye wokpena le teƒe vovovo siwo wu 60,000. Ƒe sia ƒe la, wotua Fiaɖuƒe Akpata siwo ade 1,500, ale be wòasu na kpekpea vala siwo le dzidzim ɖe edzi. a","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/kpekpewo-le-fia%C9%96u%C6%92e-akpata-me\/","date":"2022-12-02T13:31:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710902.80\/warc\/CC-MAIN-20221202114800-20221202144800-00551.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989762306,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989762306213379}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tomemi—Alesi Wòle Vevie na Wòe\nÈBU alesi ame geɖe ƒe agbe anɔ ne tomemi kple nu vovovo siwo wotsɔnɛ wɔnɛ meli o ŋu kpɔa? * Wozãa ami si woɖe tso tomemi me tsɔ dea lɔriwo, gasɔwo, vidzĩtsɔkekewo, kple mɔ̃ bubu siwo ƒe akpa vovovowo trona me be wo me nabɔbɔ. Ami naa mɔ̃ ƒe akpa siwo trona le wo nɔewo ŋu melilia wo nɔewo ŋu xolixoli o eye enaa mɔ̃a ƒe akpa vovovowo megblẽna kaba o. Gake menye dɔ siwo ami wɔna katã koe nye esia o.\nWoɖea mɔ̃memi si yameʋuwo, lɔriwo, kple dzoxɔxɔnamɔ̃wo zãna tsoa tomemi me. Tomemi le nusiwo wotsɔ wɔ atsyɔ̃ɖomi hamehamewo, aŋɔ siwo wosina na xɔ, nuŋlɔtsiwo, atikewo, aɖu siwo wodea nukuwo, kple aŋenu gbogbowo kpakple nu bubu geɖewo la me. Ame geɖe ƒe gbesiagbegbenɔnɔ ato vovo kura tomemi manɔmee. Mewɔ nuku o be numekuku aɖe ɖee fia be tomemi kple nusiwo woɖena tsoa eme \"ƒe ŋudɔwɔnuwo asɔ gbɔ sasasã wu nu bubu ɖesiaɖe ƒe ŋudɔwɔnu le xexeame.\" Mɔ ka nue míetona kpɔa tomemi? Afikae wòtso? Ɣeyiɣi didi kae ameƒomea le ezãm?\nBiblia gblɔ na mí be ƒe akpe eve kple edzivɔ do ŋgɔ na Kristo la, Noa zɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi kpa aɖakaʋu gã aɖe hezã aŋɔ—si anye nusi woɖe tso tomemi me—tsɔ tree be tsi nagage ɖe eme o. (Mose I, 6:14) Babilontɔwo zãa nu bubu siwo woɖe tso tomemi me le woƒe anyikpe siwo wozãna tsɔ mea dzokpowoe la meme me, Egiptetɔwo zãnɛ le ami sisi na ame kukuwo me, eye blematɔ bubuwo zãnɛ le atikewɔwɔ me.\nAmekae abui be tomenu sia ava zu nu xɔasi ŋutɔ le egbexexea me? Ame aɖeke mate ŋu agbe be egbegbe mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ƒe ŋgɔyiyi menɔ te ɖe tomemi dzi o.\nTomemi zazã le akaɖiwo me dzie wòto ami va zu ŋkɔ gã xɔla egbea. Tso keke ƒe alafa 15 lia me la, wozãa ami siwo wokuna le amido maglomaglowo me tsɔ siaa akaɖii le Baku, si nye egbegbe Azerbaijan ƒe fiadu me. Le ƒe 1650 me la, wokua ami le do siwo womeɖe wògoglo fũ o me le Romania, afisi wozãa ami si le abe kerosene ene tsɔ siaa akaɖii le. Kaka ƒe alafa 19 lia nama eme la, dukɔ ma kpakple dukɔ bubu siwo le Ɣedzeƒe Europa nɔ ami kum dzidzedzetɔe.\nLe United States la, akaɖisinu si anyo wu didi tae ŋutsu aɖewo trɔ susu ɖe tomemi ŋu le ƒe 1800-awo me ɖo. Esɔ be ŋutsu siawo ƒo nya ta be be yewoakpɔ kerosene le agbɔsɔsɔ me adzra la, ele be yewoaku ami. Ale wɔ le ƒe 1859 me la, woku do aɖe heke ɖe ami ŋu dzidzedzetɔe le Pennsylvania. Amikudɔ dze egɔme megbemakpɔmakpɔe. Nukae va dzɔ emegbe?\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 2 Latingbe mee nya \"tomemi\" tso eye efia \"kpetomemi.\" Wozãnɛ na tomenu eve aɖewo siwo ƒe ŋusẽ de wo nɔewo ɖi ge—siwo nye gas si wokuna le tome, si woyɔna hã be methane, kpakple tomemia ŋutɔŋutɔ. Tomenu eve siawo katã toa anyigba ƒe teƒe siwo fe dona ɣeaɖewoɣi wokpɔna. Le ami gome la, ete ŋu nyea tsi lãhɛlãhɛ ƒomevi aɖe alo eƒe nɔnɔme dzena abe tsi toto léɣebia ene, alo nɔna abe aŋɔ yibɔ ene.\n[Aɖaka si le axa 3]\nTOMEMI—NUKAE WÒNYE?\nWoɖe tomemi gɔme be \"ami toto, si te ŋu léa dzo, si ƒe amadede me aŋutiɖiɖi kple nu yibɔ dze le, si nye gas, tsi, kpakple haidrodzin kple karbɔn babla ƒe tsakatsaka si nye dzɔdzɔmenu si le anyigbaa tome.\" \"Woate ŋu aɖe nu geɖe tso tomemi me, siwo ƒe ɖee nye gas, petrol, nulolotikewo, kerosene, mɔ̃memi, kple ami siwo wodena mɔ̃ me be eƒe akpa vovovo nabɔbɔ, nusi wotsɔna wɔa bosomikaɖiwɔnu, aŋɔ kple nuzazã bubu geɖe wɔnu siwo woɖena tsoa eme.\"—The American Heritage Dictionary of the English Language.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031108\/Tomemi-Alesi-W%C3%B2le-Vevie-na-W%C3%B2e\/","date":"2022-12-03T22:06:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710941.43\/warc\/CC-MAIN-20221203212026-20221204002026-00819.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969410896,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996941089630127}","num_words":608,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Adzɔge Dɔyɔyɔ Kpekpe – Adzɔge ŋusẽdɔdamɔnu – kple Jucelino da Luz 26th. june 2022 me\n❤ Na mi katã xɔlɔ̃ lɔlɔ̃awo ❤\nAdzɔge Dɔyɔyɔ ƒe ɣeyiɣi Kple Jucelino da Luz\nEnye dzidzɔ na mí be míagblɔ na mi be fifiae nye ɣletigbalẽa le Internet dzi na wò ❤\nJucelino da Luz hã nye Braziltɔwo ƒe gbɔgbɔmedɔyɔla xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka. Ewɔa dɔ kple xexeame katã ƒe gbɔgbɔmeŋusẽ hena eƒe dɔyɔyɔdɔa eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo (mege ɖe ŋutilãa me o). Eda dɔ na ame siwo wu miliɔn eve xoxo le Brazil kple xexeame katã.\nTso esime wòxɔ ƒe 9 la, exɔa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ to eyama dzi, si wòtsɔna toa eƒe asiwo dzi, ka asi amea ŋu, alo tso adzɔge, eye emetsonuwo wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ame aɖeke mate ŋu awɔ nu ma ke le ɣletinyigba sia dzi abe eya ŋutɔ ene o togbɔ be enye \"gif \"si Xexeme Kɔkɔtɔ xɔ hetsɔ nɛ hã. (Mawu ŋusẽkatãtɔ nunana). Mɔnu ma mate ŋu axɔ, atsɔe ana ame bubu alo atsɔe ana ame bubu o .\nEsi wònye ƒewuivi gɔ̃ hã la, amewo ƒo zi ɖe eŋu va do goe eye wòda dɔ na ame siwo ade 600 le ŋkeke ɖeka dzi.\nŊkɔ si wòxɔ abe gbedala ene la le dukɔwo dome eye Japantɔwo bua eyama be eyae nye gãtɔ kekeake.\nNyateƒe si wònye be wò atikewɔwɔ yia edzi le adzɔge ʋĩ metrɔa ŋusẽ si wònana wò o!\nEye amewo ƒe 60% xɔa Ŋusẽ le atikewɔwɔ gbãtɔ me, eye 40% ahiã be woawu nutome si nye atikewɔwɔ 10 (ewo ) ya teti nu be woase emetsonuwo hã gɔme .\nMíaƒe asisiwo katã, le ŋusẽ lãmenugbagbeviwo ƒe dodo megbe la, axɔ le woƒe kadodo siwo wona me, gbɔgbɔ me mɔfiame aɖe le atikewɔwɔ si wowɔ ŋu.\nNyatakaka sia ƒe kadodoae nye esi :\nWò nuŋɔŋlɔa le tẽ kple Jucelino Luz ́s ƒuƒoƒoa to email sia dzi: email@example.com\nÐo wò picuture ( alo amekae nèle yiyim be yeaxɔ sesẽ kɔkɔ Yunivɛsiti ŋusẽ ) , ŋkɔ bliboa , wò biabia na 26th. june 2022 me\nɖo adzɔa ɖa ɖekae be nàŋlɔ ŋkɔ ( nuŋɔŋlɔ ) 70 Euros alo deposite tẽ ( Agbalẽvi etɔ̃ li woatsɔ aɖo ame bubu gbɔ ) :\nA) Fexexe ƒe nyawo: firstname.lastname@example.org\nB) akɔntabubu ƒe asitɔtrɔ: Santander Gadzraɖoƒe\nDɔwɔƒe 0672 ƒe akɔntabubu xexlẽdzesi: 01015313-7\nʋuʋudedi : SABVBRS1XXX\nLe Jucelino Nobrega da Luz ƒe amenuveve me\nC) Le piks me: 5519996793343\nAgbalẽ yeye siwo wota – eBooks le gbegbɔgblɔ 46 me\nÀte ŋu amae kple xɔ̃wòwo kple le wò Hadomegbenɔnɔ ƒe Ƒuƒoƒowo hã me.\nEuro 3 koe nèxena eye nèxɔa le wò e-mail me le PDF alo PUB me, wò tiatia – ɖo wò nudɔdɔ kple fexexe ƒe xɔgbalẽvi ƒe kɔpi ɖa + gbegbɔgblɔ ƒe tiatia. (le ŋkeke atɔ̃ (5) me la, woaɖoe ɖe wò e-mail (aɖo kpe edzi be woazãe le nuxexlẽ me na amesiwo xea fe – ɖo ŋku edzi be agbalẽ siwo katã wota, kpɔ wo ta to nutata ƒe gomenɔamesi me (womate ŋu agbugbɔ wo ato eme o eye womazã emenyawo hã o, do ŋgɔ manɔmee mɔɖeɖe tẽ, si tso elektrɔnik-gbalẽa ŋlɔla gbɔ).\nJucelino Luz ƒe nusɔsrɔ̃ yeyewo na ƒe 2022\n( Wole gbeƒã ɖem ɖoɖowɔlawo – amesiwo woate ŋu aƒo ka na hena ŋkɔ ŋɔŋlɔ – xoxo )\nAfɔfiɛ \/2022 – Germany\nSeptember \/2022 – Sweden \/ Switzerland ƒe ɣleti gbãtɔ\nOctober \/2022 – France \/ Poland ƒe ɣleti gbãtɔ\nNovember \/2022 – Bulgaria ƒe ɣleti gbãtɔ\nJucelino Luz & Gbewo ƒe Agbalẽwo\nKadodo kple :\nMARTIN ƑE NUÐEÐEŊUTI\nCAIXA ƑE POSU ƑE NUÐEÐEŊUTI 2143\nANAPOLIS-YI ƑE NUÐEÐEŊUTI\nCEP: 75020-970 ƒe xexlẽdzesiwo\ne-mail : email@example.com ƒe nyatakakadzraɖoƒea\nAme siwo nàte ŋu aƒo ka na : asitelefon +55-62-982006505\nPAYPAL ƑE NUÐEÐEŊUTI:\nmartincd_mosquera@dziɖuɖu ƒe nyatakaka.com\nŊuɖoɖo !\nNe atikewɔƒe le asiwò, gbɔgbɔyɔlawo ƒe dɔwɔƒe, nènye mawusubɔsubɔ, blibodede, xexemenunya ƒe habɔbɔ ƒe akpa aɖe, nu gbagbewo ƒe agbenɔnɔ (nutome) takpɔkpɔ ƒe ƒuƒoƒo aɖe me tɔ, eye nèdi be yeakplɔ Jucelino Luz ayi nusɔsrɔ̃ alo nusɔsrɔ̃ aɖe le wò dukɔa me la, te ɖe mía ŋu hena nyatakaka bubuwo nyatakaka (ƒe 2023 koe li na): firstname.lastname@example.org","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/jucelinoluz.news\/2022\/06\/21\/adz%C9%94ge-d%C9%94y%C9%94y%C9%94-kpekpe-adz%C9%94ge-nused%C9%94dam%C9%94nu-kple-jucelino-da-luz-26th-june-2022-me\/","date":"2022-12-05T05:29:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446711003.56\/warc\/CC-MAIN-20221205032447-20221205062447-00187.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998508811,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985088109970093}","num_words":612,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"37 \"Esia na nye dzi lã kpoEye wòle tsotsom kpokpokpo. 2 Miɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖeKple bublu si le dodom tso eƒe nu me la nyuie. 3 Enana wòɖina le dziƒo bliboa katã teEye eƒe dzikedzo+ dea anyigba ƒe mlɔenuwo. 4 Gbe ɖina sesĩe ɖe eyome;Eɖea gbe ŋusẽtɔe,+Eye ne eƒe gbe ɖi la, megaxea mɔ nɛ o. 5 Mawu ɖea gbe nukutɔe;+Ewɔa nu gã nu gã siwo gbɔ míaƒe gɔmesese ŋu.+ 6 Elabena egblɔna na sno be, 'Dza ɖe anyigba dzi,'+ Eye wògblɔna na tsidzadza gãwo be, 'Ðuɖu kɔ ɖe anyi yoo.'+ 7 Mawu ɖoa asi amewo katã ƒe dɔwo dzi,*Ne amegbetɔwo katã nadze si Eƒe dɔwɔwɔwo. 8 Gbemelãwo sina benaEye wonɔa woƒe bebeƒewo. 9 Ahom tuna tsoa eƒe xɔgã me,+Eye dzieheya kplɔa vuvɔ vanɛ.+ 10 Mawu ƒe gbɔgbɔ nana be tsiwo blana,+Eye tɔ gbanaawo blana zua tsikpe.+ 11 Ɛ̃, etsɔa tsi doa agba na alilikpo;Ekakaa eƒe dzikedzo+ ɖe alilikpowo me; 12 Wotrɔna ƒoa xlã godoo ɖe eƒe mɔfiafia nu;Wowɔa nu sia nu si ƒe se wòde na wo+ le anyigba bliboa dzi. 13 Eɖanye be wòatsɔ ahe to*+ loo, atsɔ ade tsi anyigbaa looAlo atsɔ aɖe amenuveve afia o, enana wòvaa eme.+ 14 Oo Hiob, lé to ɖe esia ŋu;Tɔ sẽe, ne nàlé ŋku ɖe Mawu ƒe nukudɔwo ŋu nyuie.+ 15 Ènya ale si Mawu fiaa mɔ* alilikpowoKple ale si wònana dzi kea dzo tsoa eƒe alilikpowo mea? 16 Ènya ale si alilikpo wɔna lina ɖe yamea?+ Esiawoe nye Ame si ƒe nunya de blibo la ƒe nukudɔwo.+ 17 Nu ka tae wò awuwo me xɔ dzo,Le ɣeyiɣi si me anyieheya na anyigba dzi fa?+ 18 Ðe nàte ŋu akpe ɖe eŋu miakeke dziŋgɔli*+Si sesẽ abe gahuhɔ̃e ene la mea? 19 Gblɔ nya si míayi aɖagblɔ nɛ la na mí;Míate ŋu akpɔ nya aɖeke agblɔ o, le esi míele viviti me ta. 20 Ðe woayi aɖagblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Alo ɖe ame aɖe gblɔ nya aɖe si wòhiã be wòasea?+ 21 Womate ŋu akpɔ kekeli* gɔ̃ hã o,Togbɔ be ele keklẽm le yame hã,Va se ɖe esime ya ƒo va yi eye wòƒo alilikpoawo ɖa hafi. 22 Keklẽ si le abe sikatsyɔ̃ɖoɖo ene dzena le dziehe wokpɔna;Mawu ƒe gãnyenye+ wɔ nuku ŋutɔ. 23 Ŋusẽkatãtɔ la gɔme sese gbɔ míaƒe ŋutete ŋu;+Eƒe ŋusẽ tri akɔ,+Eye eléa ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃+ kple dzɔdzɔenyenye blibo me ɖe asi ɣeawokatãɣi.+ 24 Eya ta ele be amegbetɔwo navɔ̃e.+ Elabena mevea ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe* la nu o.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ɖoa asi amegbetɔwo katã dzi.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wòatsɔ ati ahe to.\"\n^ Alo, \"ɖea gbe na.\"\n^ Alo, \"aƒo dziŋgɔli gbadzɛ.\"\n^ Efia, ɣe ƒe keklẽ.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ame siwo dze aye le dzi me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/37\/","date":"2023-02-04T11:16:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500126.0\/warc\/CC-MAIN-20230204110651-20230204140651-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976471663,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976471662521362}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Nu si li tso gɔmedzedzea me, nu si míese, nu si míekpɔ kple míaƒe ŋku, nu si ŋu míelé ŋku ɖo, eye míeka asi eŋu, le agbenya la ŋuti,+ 2 (ɛ̃, woɖe agbe la ɖe go fia mí, eye míekpɔe, eye míele ɖase ɖim+ hele nu ƒom tso eŋu na mi. Agbe mavɔ+ sia tso Fofo la gbɔ, eye woɖee ɖe go fia mí), 3 nu si míekpɔ eye míese la, eya ŋue míele nu ƒom le na miawo hã,+ ale be miawo hã miade ha kpli mí.* Eye míele hadede sia me kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.+ 4 Esia ŋutie míele nu siawo ŋlɔm na mi, be míaƒe dzidzɔ nade blibo. 5 Gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemee na mi lae nye be: Mawu nye kekeli,+ eye viviti aɖeke mele eya amea me o. 6 Ne míegblɔna be, \"Míele ha dem kplii,\" evɔ míegale viviti me zɔm la, ekema míele aʋatso kam, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o.+ 7 Ke ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si eya ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo, eye Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.+ 8 Ne míegblɔna be, \"Nu vɔ̃ mele mía ŋu o\" la, ekema míele mía ɖokuiwo flum,+ eye nyateƒe la mele mía me o. 9 Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ nu madzɔmadzɔwo katã ɖa le mía ŋu.+ 10 Ne míegblɔna be, \"Míewɔa nu vɔ̃ o\" la, ekema míele edom aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mía me o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"miakpɔ gome kpli mí.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-yohanes\/1\/","date":"2023-01-31T23:18:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499891.42\/warc\/CC-MAIN-20230131222253-20230201012253-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983260632,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983260631561279}","num_words":278,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EXLẼLAWO BIA BE . . .\nAme Kae Wɔ Mawu?\nTsɔe be vifofo aɖe kple viaŋutsuvi si xɔ ƒe adre wole dze ɖom. Vifofoa gblɔ be, \"Gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, Mawu wɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi; ewɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo hã.\" Ðevia bu nya sia ŋu sẽe, eyome wòbia be, \"Papa, ame kae wɔ Mawu?\"\nFofoa ɖo eŋu nɛ be, \"Ame aɖeke mewɔ Mawu o. Eli tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.\" Nya kpuie ma ɖo nya ŋu na ɖevia gbɔ. Gake esi wòle tsitsim la, egava nɔ ŋugble dem le nyabiase ma ke ŋu. Esesẽ nɛ be wòase egɔme be ame aɖe li si menye ame aɖekee wɔe o. Evɔ xexe gbahoo sia gɔ̃ hã, ɖe wowɔe. Ebia eɖokui be, 'Afi kae Mawu dzɔ tso?'\nAleke Biblia ɖo nya sia ŋu? Ale si vifofo si ŋu míeƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la ɖe emee la, nenema tɔgbie Biblia hã ɖo eŋui. Mose ŋlɔ bena: \"Oo Yehowa, . . . hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ xexea kple anyigbaa la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.\" (Psalmo 90:1, 2, NW) Nenema kee nyagblɔɖila Yesaya hã gblɔ be: \"Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, ame si wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa?\" (Yesaya 40:28) Nenema kee Yuda ƒe agbalẽa hã gblɔ tso Mawu ŋu be enɔ anyi tso \"ɣeyiɣi mavɔmavɔ siwo va yi\" me.\nMawunyakpukpui mawo le mía fiam be Mawu nye \"Fia mavɔmavɔtɔ,\" abe ale si apostolo Paulo ɖɔe ene. (1 Timoteo 1:17) Esia fia be Mawu li tso tititi ke, eye aleke kee míeɖabu eŋui o, míate ŋu ase egɔme gbeɖe o. Eye anɔ anyi tegbetegbe. (Nyaɖeɖefia 1:8) Eya ta esi Ŋusẽkatãtɔ la li tso mavɔ me ke ta la, esia nye eƒe nɔnɔme ɖe dzesi aɖe.\nNu ka tae wòsesẽ be míase nya sia gɔme? Esi míaƒe agbenɔƒe le kpui ta la, míate ŋu ase ale si Yehowa bua ɣeyiɣii la gɔme kura o. Esi wònye be Mawu li tegbee ta la, ŋkeke ɖeka le nɛ abe ƒe akpe ɖeka ene. (2 Petro 3:8) Le kpɔɖeŋu me: Ðe ʋetsuvi si nɔa agbe ŋkeke 50 pɛ ko la ate ŋu ase amegbetɔwo ƒe agbenɔƒe si nye ƒe 70 alo 80 la gɔmea? Gbeɖe! Evɔ Biblia gblɔ be ne wotsɔ mí sɔ kple mía Wɔla Gã la, míele abe ʋetsuviwo ene. Míaƒe nuŋububu gɔ̃ hã le sue ŋutɔ le etɔ gbɔ. (Yesaya 40:22; 55:8, 9) Eya ta mewɔ nuku o be amegbetɔwo mate ŋu ase Yehowa ƒe nɔnɔme aɖewo gɔme bliboe gbeɖe o.\nTogbɔ be esesẽ be amegbetɔwo nase egɔme be Mawu li tso mavɔ me yi mavɔ hã la, míate ŋu akpɔe be susu le eme. Ne ame aɖee wɔ Mawu la, ekema ame mae anye nuwo katã Wɔla. Ke hã Biblia gblɔ be, Yehowae nye ame si \"wɔ nuwo katã.\" (Nyaɖeɖefia 4:11) Gakpe ɖe eŋu la, míenyae be ɣeaɖeɣi va yi la, xexe gbahoo la menɔ anyi o. (1 Mose 1:1, 2) Aleke wòwɔ va dzɔ? Ele be Ame si wɔ xexe gbahooa la ŋutɔ nanɔ anyi gbã. Eli xoxoxo do ŋgɔ na nuwɔwɔ siwo si nunya le, abe eƒe Tenuvi la kple mawudɔlawo ene. (Hiob 38:4, 7; Kolosetɔwo 1:15) Ekema eme kɔ ƒãa be eya ɖeɖe koe nɔ anyi gbã. Eya ta menye ame aɖekee wɔe o; ame aɖeke menɔ anyi do ŋgɔ nɛ si woagblɔ be eyae wɔe o.\nMíawo ŋutɔ kple xexe bliboa ƒe anyinɔnɔ ɖoa kpe edzi be Mawu mavɔmavɔtɔ aɖe li. Ele be Ame si wɔ nu siwo katã le míaƒe xexe gbahooa me eye wòna wozɔna ɖe se kple ɖoɖo siwo wòɖo anyi nu la nanɔ anyi tegbee. Eya ɖeka koe ate ŋu ana agbegbɔgbɔ nu gbagbe bubuwo katã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140801\/Ame-kae-w%C9%94-Mawu\/","date":"2023-03-27T06:12:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296948609.41\/warc\/CC-MAIN-20230327060940-20230327090940-00245.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977130294,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997713029384613}","num_words":594,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Youtube Thumbnail Download alo Grabber Doa alɔ Youtube Video ƒe nyonyome katã si me 1080p, 4K, HQ, HD, kple bubuawo hã le. Youtube Thumbnail Downloader nye Internet dzi Free Youtube Nɔnɔmetata Suewo Download HD Dɔwɔnu. Zã youtube thumbnail download míe grabber alo download youtube nɔnɔmetatawo le lolome vovovowo me kple out losing quality. Na eƒe ɖeɖefia nanye 1280x720 le gɔmedzedzea me, hqdefault, mqdefault, sddefault, maxresdefault Agbɔsɔsɔmewo.\nYoutube nye nyatakakadzraɖoƒe siwo ame geɖe lɔ̃a zazã wu le ɣletinyigba dzi la dometɔ ɖeka. Ame miliɔn geɖe ɖoa to gbesiagbe be yewoakpɔ videowo ahama wo kple wo nɔewo. Ezãla akpa gãtɔ gena ɖe nyatakakadzraɖoƒea le asitelefon, tablɛt alo kɔmpiuta dzi. Content creator geɖewo zãa youtube abe woƒe incone dzɔtsoƒe ene. gbesiagbe youtube ƒe nɔnɔmetata suewo akpe geɖe siwo nuwɔwɔwo wɔ. youtube nye hadome nyatakakadzraɖoƒe si amewo ma videowo kple xexeame. Ame akpa gãtɔ zãa nyatakakadzraɖoƒea tsɔ kpɔa sinima siwo kaka ɖe amewo dzi kple nukokoedonamelawo. Ke hã, ame geɖe zãa youtube hena ebducational taɖodzinuwo hã. Nufialawo zãa youtube tsɔ kpena ɖe woƒe nusɔsrɔ̃ ŋu to video deŋgɔwo ɖeɖefia sukuviwo kwasiɖa sia kwasiɖa me.\n\"Ge ɖe Youtube ƒe kadodoa me eye nàzi Submit Button dzi wu Download Images ƒe kadodowo Fia le Screen me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.youtube-thumbnail-downloader-hd.com\/ee.html","date":"2023-03-22T03:31:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296943749.68\/warc\/CC-MAIN-20230322020215-20230322050215-00607.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974741936,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997474193572998}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.185,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EXLẼLAWO BIA BE . . .\nKristotɔwo Ƒe Azãe Kristmas Nyea?\nAme miliɔn geɖe siwo le xexea me la xɔe se be Kristmas kɔnuwo nye Yesu Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu. Ke hã, èbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, ame siwo nɔ Yesu ŋu kplikplikpli la hã ɖu Kristmas kpɔa? Eye ènya nu si Biblia gblɔ tso dzigbezãwo ɖuɖu ŋua? Ne míekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne Kristmas nye Kristotɔwo ƒe azã.\nGbã la, Biblia megblɔ nya aɖeke tso Yesu alo mawusubɔla wɔnuteƒe bubu aɖeke ƒe dzigbezãɖuɖu ŋu o. Ame eve aɖewo koe Biblia gblɔ be woɖu woƒe dzigbezã. Eye ame eve siawo menye Yehowa Mawu si ƒe nyawo le Biblia me la subɔlawo o, eye Biblia megblɔ nya nyui aɖeke hã tso woƒe dzigbezãwo ɖuɖu ŋu o. (1 Mose 40:20; Marko 6:21) Le numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) ƒe nya nu la, Kristotɔ gbãtɔwo tsi tsitre ɖe \"dzigbezãɖuɖu si nye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu\" la ŋu.\nŊkeke ka dzie wodzi Yesu?\nBiblia megblɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o. Numekugbalẽ aɖe (McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia) gblɔ be: \"Nubabla Yeyea loo alo agbalẽ bubu aɖeke mate ŋu ayɔ ŋkeke aɖe koŋ be eya dzie wodzi Kristo o.\" Le nyateƒe me la, ne ɖe Yesu di be ye yomedzelawo naɖu yeƒe dzigbezã la, anye ne ena wonya eƒe dzigbeŋkeke.\nSusu eveliae nye be nuŋlɔɖi aɖeke mele Biblia me si gblɔ be Yesu loo alo eƒe nusrɔ̃la aɖe ɖu Kristmas o. Le New Catholic Encyclopedia ƒe nya nu la, woƒo nu tso Kristmasɖuɖu ŋu zi gbãtɔ le Romatɔwo ƒe agbalẽŋlɔla Philocalus \"ƒe Chronograph si nɔ anyi le ƒe 336 Kristotɔwo Ŋɔli la me.\" Edze ƒã be wowu Biblia la ŋɔŋlɔ nu xoxoxo, eye ƒe alafa geɖe le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ megbe hafi wowɔ ŋuŋlɔɖi sia. Esia tae McClintock kple Strong gblɔ be \"Kristmasɖuɖu metso Mawu gbɔ loo alo le Nubabla Yeyea me o.\" *\nAzã ka dzie Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖomee?\nEsi Yesu nye Nufiala Gã la ta la, ena mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe nu siwo wòdi be ye yomedzelawo nawɔ ŋu, eye woŋlɔ mɔfiame siawo ɖe Biblia me. Gake Kristmasɖuɖu mekpe ɖe mɔfiame siawo ŋu o. Abe ale si ko nufiala aɖeke madi be yeƒe nusrɔ̃viwo nawɔ nu wòato vovo na mɔfiame si yena wo o la, nenema tututue Yesu medi be ye yomedzelawo 'nagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi' le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la ŋu o.—1 Korintotɔwo 4:6.\nTo vovo na ema la, wɔna vevi aɖe nɔ anyi si Kristotɔ gbãtɔawo nya nyuie, eyae nye Ŋkuɖodzia si nye ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi. Yesu ŋutɔ gblɔ ɣeyiɣi si eƒe nusrɔ̃lawo aɖo ŋku wɔna vevi sia dzi la na wo eye wòfia wo ale si woawɔe. Woŋlɔ mɔfiame siawo kple ŋkeke si tututu woaɖo ŋku eƒe kua dzi la ɖe Biblia me.—Luka 22:19; 1 Korintotɔwo 11:25.\nAbe ale si míekpɔe ene la, Kristmas nye dzigbezãɖuɖu, eye Kristotɔ gbãtɔwo meɖu trɔ̃subɔlawo ƒe azã sia o. Gawu la, Biblia megblɔ be Yesu loo alo ame bubu aɖe ɖu Kristmas o. Nyateƒenya siawo wɔe be Kristotɔ geɖe siwo le xexea me godoo ƒo nya ta be Kristmas menye Kristotɔwo ƒe azã o.\n^ mm. 6 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso afi si Kristmas kɔnu geɖe dzɔ tso ŋu le nyati si nye \"Exlẽlawo Bia Be . . . Nu Kae Wòle Be Míanya Ku Ðe Kristmasɖuɖu Ŋu?\" le December 1, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org\/ee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp201711\/kristot%C9%94wo-kristmas-biblia\/","date":"2023-03-24T00:28:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296945218.30\/warc\/CC-MAIN-20230323225049-20230324015049-00488.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977918267,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977918267250061}","num_words":569,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiawo kple dumevi siwo le Vakpo Domi sile North Dayi nutoamea tsɔ Geɖemania nyɔnudomenyotɔ aɖe si woɖe ŋkɔ nabe Josephine Anne Kellner ,tsɔ ɖo nutoame ƒe ŋgɔyiyi nyɔnufia gbãtɔe le azã tɔxɛe aɖe me. Woɖu azã sia abe akpedadzesi ene na Geɖemania nyɔnua ɖe wɔƒe vevie si wole le nutoame ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo gomea ta.\nNutoame ametsitsi wodometɔ ɖeka Aƒetɔ John Abioni kafu aƒenɔa ɖe eƒe wɔƒe le nutoame ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo ƒe afɔtsɔtsɔ ta. Eɖeme be yexɔ̃ aɖee kplɔ Geɖemania nyɔnu ma va duame le ƒe akpe eve kple wuiadẽa me hena ɖokuitsɔtsɔ sã vɔe nufiãfiã dɔwɔwɔ.\nEbe esi aƒenɔa dze dɔa gɔmea eteƒe medzidzi boo hafi woyi ɖa kplɔ edzilawo kple nɔvia ŋutsu ɖeka vɛ hena dɔa dziyiyi o.\nAƒetɔ Abioni de dzesie hã be dɔmenyotɔ siawo ƒe vava nabe nusɔsrɔ̃ kple nufiafiã ƒe dɔwɔnuwo womega nye kuxi le sukua me o. Ebe togbɔbe dziɖuɖu ƒe ŋdɔme nuɖuɖu nana sukuviwo ƒe ɖoɖoa meɖo yewogbɔ o hã dɔmenyo tɔmawo wɔ ɖoɖo ɖe sukuviawo ƒe nuɖuɖu ŋuti le Adomi Newtown gɔmedzesukua me.\nTɔgbui Dobo Atɔlia, amesi nye nutoame fia, eƒotsi abɔme na dɔmenyotɔmawo veviẽ, ebe woƒe wɔnawo nabe tsitsiɖedzi geɖe va nutoame ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo me.\nEyidzi heɖokpe dzi nawo be yewoa wɔ nusianu hena woƒe dedienɔnɔ le afima.\nEŋlɔla: Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/wots%C9%94-ge%C9%96emania-ny%C9%94nud%C9%94menyot%C9%94-a%C9%96e-%C9%96o-fiae-le-vakpo-domi\/","date":"2023-03-22T06:01:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296943750.71\/warc\/CC-MAIN-20230322051607-20230322081607-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995518923,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995518922805786}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.182,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wozãa botox-tikewo geɖe eye Thailand nyɔnuwo lɔ̃a wo ŋutɔ le tugbedzedze gome egbea. Elabena ekpena ɖe ame ŋu be woaɖe flitete siwo ŋu nyɔnuviwo tsi dzi ɖo la dzi akpɔtɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ŋutigbalẽlétike siwo kpena ɖe โบท็อก ame ŋu be woaɖe flitete dzi akpɔtɔ la mawɔ dɔ abe alesi wòle be woawɔe ene o. Botox-tikewo nye tiatia bubu si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ flitetewo gbɔ tẽ eye emetsonuwo nado tso eme kaba.\ntop of page\nbottom of page","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.acsrowing.com\/forum\/rowing-topics\/afikae-woate-ngu-ado-botox-le","date":"2023-05-28T19:36:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644506.21\/warc\/CC-MAIN-20230528182446-20230528212446-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966099858,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":12,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966099858283997}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.199,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesaya 1:1-31\n1 Yesaya,*+ Amoz vi, ƒe ŋutega si wòkpɔ ku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia+ siwo nye Uziya,+ Yotam,+ Ahaz+ kple Hizkiya+ ŋɔli lae nye esi: 2 Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi,+Elabena Yehowa gblɔ be: \"Menyi viwo wotsi,+Ke wodze aglã ɖe ŋunye.+ 3 Nyitsu nyaa eƒlela,Eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãnuɖunu;Ke Israel ya menyam o,*+Nye dukɔ mewɔa gɔmesese ŋu dɔ o.\" 4 Baba na dukɔ wɔnuvɔ̃,+Dukɔ si ƒe vodada kpe,Dzidzime si wɔa vɔ̃, vi gblẽkuwo! Wogblẽ Yehowa ɖi;+Womede bubu Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu o;Wotrɔ megbe dee. 5 Afi kae woagaƒo na mi esi miegale aglãdzedze dzi?+ Ta blibo la katã dze dɔ,Eye dzi blibo la le dɔ lém.+ 6 Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe dzodome la, nyuiƒe aɖeke meli o, Negbe abi kple dodro kpakple abi yeye sɔŋ;—Womeklɔ wo o,* womebla wo o, eye womeɖo ami wo ne woabɔbɔ hã o.+ 7 Miaƒe anyigba zu gbegbe, Dzo fiã miaƒe duwo. Du bubu me tɔwo le miaƒe agblemenuwo ɖum le miawo ŋutɔ mia ŋkume.+ Ele abe afi si du bubu me tɔwo va gblẽ nu le wòzu gbegbe ene.+ 8 Zion vinyɔnu la tsi anyi abe agbadɔ le waingble me ene,Abe agblexɔ le aŋanyigble me ene,Abe du si woɖe to ɖo ene.+ 9 Ne ɖe aʋakɔwo ƒe Yehowa* mekpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mí o la,Anye ne míezu abe Sodom ene,Anye ne míeɖi Gomora.+ 10 Mi Sodom ƒe dziɖula sẽŋutawo, mise Yehowa ƒe nya.+ Mi Gomora dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe se* la ŋu.+ 11 Yehowa be: \"Vi kae miaƒe vɔsa gbogboawo ɖena nam?+ Miaƒe agbowo+ ƒe numevɔsawo kple lã damiwo ƒe ami+ ti kɔ nam,Nyitsuiwo+ kple alẽtsuiwo kpakple gbɔ̃tsuwo+ ƒe ʋu+ medzea ŋunye o. 12 Ne mieva be yewoado ɖe ŋkunyeme la,+Ame kae bia tso mia siBe mianɔ afɔ ƒom nye xɔxɔnuwo?+ 13 Midzudzɔ nuɖuvɔsa maɖinuwo tsɔtsɔ vɛ. Miaƒe dzudzɔdodowo nye ŋunyɔ nam.+ Mieɖua dzinu yeye+ kple sabat,+ eye miewɔa takpekpewo+—Gake nyemate ŋu ado dzi atsɔ miaƒe akunyawɔwɔ+ kple miaƒe takpekpe tɔxɛwo o. 14 Melé fu* miaƒe dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiwo. Wozu agba nam;Wo tsɔtsɔ tim. 15 Ne mieke miaƒe abɔwo me la,Maɣla ŋkume ɖe mi.+ Ne mieli kɔ gbedodoɖawo gleglegle hã la,+Nyemele wo se ge o;+Elabena ʋu yɔ asi me na mi.+ 16 Mile tsi; mikɔ mia ɖokuiwo ŋu;+Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ɖa le ŋkunyeme;Midzudzɔ nu baɖa wɔwɔ.+ 17 Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ; midi dzɔdzɔenyenye yome mɔ,+Miɖɔ ame si tea ame ɖe anyi la ɖo,Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,Eye mixɔ ahosiwo ƒe nya ɖe akɔ.\"+ 18 Yehowa be: \"Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.+ Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la,Woafu abe sno ene;+Ne wobiã abe nyagadzĩ ene hã la,Woazu abe alẽfu ene. 19 Ne mielɔ̃ heɖo to la,Ekema miaɖu anyigba la dzi nu nyuiwo.+ 20 Ke ne miegbe hedze aglã la,Ekema yi aɖu mi,+Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.\" 21 Aleke du wɔnuteƒe+ la zu gbolo ale!+ Tsã la, nya dzɔdzɔe yɔe fũu;+Eye dzɔdzɔenyenye nɔ eme,+Ke azɔ la, amewulawoe xɔ aƒe ɖe eme.+ 22 Wò klosalo va zu gamĩ,+Eye wotɔ tsi wò aha.* 23 Wò amegãwo nye tosẽlawo, eye wodea ha kple fiafiwo.+ Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wòtia nunana yome.+ Wometsoa afia dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo o,Eye womekpɔa ahosiwo ƒe nya gbɔ hã o.+ 24 Eya ta ale Aƒetɔ vavã la, aʋakɔwo ƒe Yehowa,Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi: \"Kpɔ ɖa! Maɖe nye ketɔwo ɖa le ɖokuinye ŋu,Eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.+ 25 Matrɔ nye asi ɖe ŋuwò,Malólo wò gamĩ abe adzalẽɖaɖi wotsɔ lóloe ene,Eye maɖe wò ɖinuwo katã ɖa.+ 26 Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na wò abe tsã ene,Kple adaŋudelawo na wò abe le gɔmedzedzea me ene.+ Esia megbe woayɔ wò be Dzɔdzɔenyenye Ƒe Du, Du Wɔnuteƒe.+ 27 Woatsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ aɖe Zion,+Eye woatsɔ dzɔdzɔenyenye aɖe eƒe ame siwo trɔ gbɔ la. 28 Woagbã aglãdzelawo kple nu vɔ̃ wɔlawo le ɣeyiɣi ɖeka me,+Eye ame siwo gblẽ Yehowa ɖi la nu ayi.+ 29 Elabena ŋu akpe wo le ati gã siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ ɖo la ŋu,+Eye miaƒe mo atsi dãa le abɔ* siwo mietia la ta.+ 30 Elabena miazu abe ati gã si ƒe aŋgbawo le yɔyrɔm ene,+Abe abɔ si mekpɔ tsi o ene. 31 Ame sesẽ la azu abe ɖetifu ene,Eye eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi;Wo kple eve la siaa ayi dzo me le ɣeyiɣi ɖeka me,Eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Yehowa Ƒe Xɔname.\"\n^ Alo, \"menya eƒe aƒetɔ o.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Womeyɔ tsi le wo me o.\"\n^ \"Yehowa Zebaot\" le Hebrigbe me.\n^ Alo, \"mɔfiame.\"\n^ Alo, \"Nye luʋɔ lé fu.\"\n^ Alo, \"luha.\"\n^ Edze ƒãa be ati siawo kple abɔ siawo do ka kple trɔ̃subɔsubɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/1\/","date":"2023-06-10T23:33:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224646652.16\/warc\/CC-MAIN-20230610233020-20230611023020-00335.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988130331,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988130331039429}","num_words":735,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gli ƒe akɔntabubu\nÐoɖowɔɖia bua akɔnta le atikpo agbɔsɔsɔme si hiã be woatsɔ aɖo ʋɔtrua ŋu.\nAzɔ hã, wobua didime si le atikpoawo dome eye wobua gli ƒe nuwo ƒe agbɔsɔsɔme: ga mesh, board alo sheet material.\nBe nànya xɔtunu siwo wozã ƒe asi la, gblɔ woƒe asi le asitsaƒe siwo le miaƒe nutoa me.\nNe ède dzesii \"na didime siwo le posuwo dome la nanyo ɖe edzi\n\", emegbe ɖoɖowɔɖia ama gliawo ɖe teƒea ƒe akpa ɖesiaɖe sɔsɔe eye wòatrɔ asi le wo dome didime ŋu.\nDe dzesii be wotsɔ agbonutiawo de akɔntabubua me xoxo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/zabor\/","date":"2023-06-10T11:46:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224657169.98\/warc\/CC-MAIN-20230610095459-20230610125459-00315.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999707818,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999707818031311}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kuɖagbe\nKuɖagbe enye ŋkeke si le Brãɖagbe kple Yawoɖagbe dome le kɔsiɖaa me.\nKuɖagbe le Blugbe me enye Wukuada si de sɔsɔ gbe kple Eʋegbe tɔ. Le Yuropa duwo geɖe me la, Kuɖagbe enye ŋkeke etɔ̃lia le kɔsiɖaa me.\nLe Eŋlisigbe me la, woyɔnae be Wednesday, si tso Dzamatɔwo ƒe mawu siwoyɔna be Woden ƒe ŋkɔ me. Le Latingbe me la, woyɔnae be dies Mercurii.\n|Ŋkekewo le kɔsiɖaa me|\n|Kɔsiɖagbe · Dzoɖagbe · Brãɖagbe · Kuɖagbe · Yawoɖagbe · Fiɖagbe · Memleɖagbe|","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Ku%C9%96agbe","date":"2023-06-04T04:49:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224649439.65\/warc\/CC-MAIN-20230604025306-20230604055306-00697.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999605,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996050000190735}","num_words":76,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.434,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne ŋdɔ le ʋuʋum la, esia nana dzo ɖoa lãmeka siwo kpakpaluʋui zãna tsɔ dzona la me, si wɔnɛ be wòtea ŋu dzona. Gake le ŋkeke siwo dzi ŋdɔ mele ʋuʋum tututu o la, kpakpaluʋui ƒomevi aɖe (cabbage white butterfly) ya trea dzodzo na kpakpaluʋui bubuwo. Nu kae nana wòtea ŋu wɔa esia?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Kpakpaluʋui ƒomevi vovovowo kea woƒe aʋalawo alo tea wo ƒoa ƒu le ŋdɔgbe sẽe hafi dzona. Gake kpakpaluʋui ƒomevi sia ya kea eƒe aʋala wònɔa ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me. Numekukuwo ɖee fia be hafi dzo nate ŋu aɖo kpakpaluʋuia ƒe lãme nyuie la, ele be wòake eƒe aʋalawo vie wòaɖi ŋɔŋlɔdzesi V. Esia nana dzoxɔxɔ si tso ɣea gbɔ la ɖoa lãmeka siwo wòzãna tsɔ dzona la me nyuie ale be ŋusẽ ɖoa wo ŋu wòtsɔna dzonae.\nNumekula siwo le University of Exeter, le England, la ku nu me be yewoakpɔe ɖa be anya wɔ be yewoana ɣeŋusẽhemɔ̃wo nawɔ dɔ nyuie wu nenye be wona wole ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me abe ale si kpakpaluʋui sia kea eƒe aʋalawo ene hã. Esi wowɔ esia la, wokpɔe be elektrikŋusẽ si mɔ̃a nana la dzi ɖe edzi ale gbegbe.\nNumekulawo de dzesii hã be kpakpaluʋuia ƒe aʋalawo nɔa dzo dam ŋutɔ le ŋdɔgbe. Esi numekulawo va wɔ ɣeŋusẽhemɔ̃ siwo le abe ŋɔŋlɔdzesi V ene eye wona wonɔ dzo dam la, ewɔe be mɔ̃awo va le wodzoe wu hewɔa dɔ nyuie wu hã. Esia na Agbalẽnyalagã Richard ffrench-Constant, si nɔ numekulawo dome la, gblɔ be \"ŋutete [si le kpakpaluʋuia ŋu] be wòaxɔ ŋusẽ tso ɣea gbɔ la de ŋgɔ ŋutɔ.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ale si kpakpaluʋui sia kea eƒe aʋala ɖe ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/%C9%96e-wow%C9%94ea\/cabbage-white-butterfly-kl%E1%BA%BD-a%CA%8Bala\/","date":"2023-09-27T04:34:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510259.52\/warc\/CC-MAIN-20230927035329-20230927065329-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986404181,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986404180526733}","num_words":292,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Diep Son Ƒukpoa dzi Àzɔ mɔ ma dzi faa ahanɔ tsi blɔ si me kɔ alo tɔmelãwo ƒe suku siwo le tsi ƒum la kpɔm ametakpɔnu aɖeke manɔmee. Diep Son Ƒukpo nye Van Phong Bay, Khanh Hoa tɔ, si didi tso Nha Trang dugã gbɔ abe kilometa 60 ene. Ƒukpo sue 3 ye le eme: Hon Bip, Hon Giua, Hon Duoc. Nusi ɖe dzesi wu le Diep Son ŋue nye kemɔ si didi kilometa 1 kloe le atsiaƒu titina, si ƒo ƒukpoawo nu ƒu. Amedzrowo ate ŋu azɔ tso ƒukpo ɖeka dzi ayi bubu dzi bɔbɔe eye woawɔ foto siwo me kɔ wu le atsiaƒu blɔ gã la titina la ŋudɔ. Ne míeƒo nu tso Diep Son ŋu la, ame geɖe ƒe susu nɔa tsi te afɔtoƒe tɔxɛa ŋu enumake. Ne ƒutsotsoeawo le sesẽm la, mɔa buna eye atsiaƒu gã la koe susɔ, gake ne tsia ɖiɖi la, mɔ si ƒo ƒukpo etɔ̃awo nu ƒu la gadzena ake. Edze abe teƒe sia gakpɔtɔ lé gbemelãwo ƒe nɔnɔmea me ɖe asi ene elabena womewɔ tsaɖiɖi ŋudɔ boo o, vevietɔ le ameawo ƒe nɔnɔme si dzɔna le wo ɖokui si me. Ema tae nàse yame si le yeye ŋutɔ eye wòfa la le ɖokuiwò me ɖo. Agbenɔnɔ le ƒukpoa dzi hã le bɔbɔe ŋutɔ eye wòvivina ŋutɔ. Be modzakaɖeɖe ƒe ɖoɖoa nanɔ bɔbɔe wu la, ele be amedzrowo nazɔ mɔ ayi Diep Son Ƒukpo si le Nha Trang dzi tso December vaseɖe June elabena ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si me yame ƒe nɔnɔme kuɖiɖi, dzoxɔxɔ kple tsidzadza sue aɖe koe dzana. Atsiaƒu si fa miamiamia nana be meliwo te ŋu ʋuna yia ƒukpoa dzi kabakaba eye wòfana wu, si kpena ɖe ame ŋu be afɔku si le amewo ƒe ƒudzidɔléle me dzi ɖena kpɔtɔna. Gake le amesiwo melɔ̃a amehawo kple toɣliɖeɖe o gome la, àte ŋu aɖi tsa ayi Diep Son Nha Trang ƒukpoa dzi le ɣeyiɣi si me ame ʋɛ aɖewo koe anɔ be nàse vivi na ŋutifafa, tomefafa kple nɔnɔme tɔxɛa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/triphun.com\/post\/diep-son-%C6%92ukpoa-dzi-ewe\/2730","date":"2023-09-25T19:52:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510085.26\/warc\/CC-MAIN-20230925183615-20230925213615-00760.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994395375,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999439537525177}","num_words":330,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAme aɖewo gblɔ be menye Melite-ƒukpo, si le Sicily ƒe anyiehe dzie meli si me Paulo nɔ la gbã le o, ke boŋ ƒukpo bubu aɖe dzie. Afikae melia gbã le?\nNyabiabia sia ku ɖe susu si wodo ɖa nyitsɔ laa be meli si me apostolo Paulo nɔ la megbã le Melite-ƒukpo dzi o, ke boŋ melia gbã le Cephalonia (alo Kefallinía) si gogo Corfu-ƒukpo si le Ionia-ƒua me le ɣetoɖoƒe Hela la ŋu. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ na mí be Roma-ʋafia Yulio kple asrafo bubuwoe kplɔ Paulo kple eŋumewo dzoe le Kaisarea. Abe alesi wòdze le anyigbatataa dzi ene la, woɖo meli yi Zidon kple Mira. Esi woɖɔli Dɔwɔwɔwo 27:1–28:1.meli va ɖo nuɖuɖugba meli gã aɖe si tso Egipte du si nye Alexandria la, woɖo ta ɣetoɖoƒe yi Knido. Womete ŋu zɔ mɔa tso Aegea-ƒu to Hela xa yi Roma abe alesi woɖoe ene o. Ahom aɖe zi wo dzi wova to Kreta ƒutawo ƒe anyiehe afisi ya meƒona le o. Afimae wodze ɖe melidzeƒe si woyɔna be Ʋudzeƒenyui la le. Esi 'woho tso Kreta' la, \"ahom, si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya la, ƒo kpe\" woƒe melia. Ahom la 'nyama' nuɖuɖugba meli gã la vaseɖe ŋkeke 14 lia ƒe zã me. Mlɔeba la, meli si me ame 276 nɔ la gbã le afisi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le Helagbe yɔ be Me·liʹte.—\nLe ɣeyiɣi siwo va yi me la, wodo susu vovovowo ɖa ku ɖe afisi Me·liʹte ƒukpo sia nye ŋu. Ame aɖewo susu be Melite Illyrica ƒukpo, si woyɔna fifia be Mljet, si nye Adria-ƒua ƒe ƒukpo aɖe le Croatia ƒuta lae wònye. Gake mate ŋu anye Mljet ye o, elabena du siwo le eƒe dziehe la mewɔ ɖeka kple afisiwo Paulo yi eƒe mɔzɔzɔa dzi va to siwo nye Sirakusa, Sicily, kple emegbe Italy ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta o.—Dɔwɔwɔwo 28:11-13.\nBiblia gɔmeɖela akpa gãtɔ ƒo nya ta be Me·liʹte siae nye Melite Africanus ƒukpo si woyɔna fifia be Malta. Melidzeƒe mamlɛtɔ si meli si Paulo ɖo dze ɖoe nye Ʋudzeƒenyui, si le Kreta. Emegbe ahom aɖe zi melia dzi wòɖo ta ɣetoɖoƒe yi Klauda. Ahom la yi edzi lɔ melia ɖe enu ŋkeke geɖe. Eme kɔ ƒã be meli si ahom lɔ ɖe enu la aɖo ta ɣetoɖoƒe ʋĩ ava aɖo Melite.\nŊugbledede le ahom ƒe tutu edziedzi le nuto ma me ŋu kple \"afisi wòlɔ wo ɖe nu ɖo tae kpakple alesi ahom la nu sẽe\" ŋu na Conybeare kple Howson gblɔ le agbalẽ si nye The Life and Epistles of St. Paul me be: \"Klauda kple Melite dome medidi de kilometa 770 tututu o. Eyata edze ƒã be mate ŋu anye teƒe bubu aɖekee ƒudzidelawo [ɖo tae] le ŋkeke wuienelia ƒe zã me tsɔ wu Melite o. Ðikeke boo aɖeke mele nya ma ŋu o.\"\nTogbɔ be woate ŋu agblɔ be teƒe bubuwoe hã la, ewɔ abe meli si gbã le Melite si dze le anyigbatataa dzi afisiae wɔ ɖeka kple Biblia me nuŋlɔɖia wu ene.\n[Map\/Picture on page 31]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nYerusalem\nKaisarea\nZidon\nMira\nKnido\nKRETA\nKLAUDA\nMELITE\nSICILY\nSirakusa\nRoma\nMLJET\nHELA\nCEPHALONIA","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040815\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-10-03T17:31:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511170.92\/warc\/CC-MAIN-20231003160453-20231003190453-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980883598,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980883598327637}","num_words":515,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2003 Nyabiase Gbogbowo Ŋuɖoɖo Dzeameŋu Ʋɛwo Mawu ƒe Xɔname Kae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na? \"Ðeɖefia Aɖee Nye Esia!\" Woti Wo Yome Le Dzɔdzɔenyenye ta Dzidodo Le Tetekpɔwo Me Hea Kafukafu Vɛ Na Yehowa Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu Gɔmesese Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ŋutinya Si Doa Ŋusẽ Xɔse Hedea Dzi Ƒo Na ame Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031001\/","date":"2023-10-02T15:22:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511000.99\/warc\/CC-MAIN-20231002132844-20231002162844-00750.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9933673739,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9933673739433289}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amegbetɔwo Srɔ̃a Wɔlaa ƒe Aɖaŋu\nNukatae elektrikkaɖigo nogoe falɛfalɛwo megbãna ne wotutui sesĩe de akaɖitia me alo troe de eme o? Agbalẽ si nye How in the World?, gblɔ be esia tso akaɖigoa ƒe nɔnɔme si nɔna abe \"koklozi ƒe nɔnɔme\" ene gbɔ. Togbɔ be koklozitsro le falɛfalɛ ŋutɔ hã la, koklonɔ ƒe kpekpeme menana wogbãna ne ele wo dzi dɔm o. Nusitae nye be koklozia ƒe nɔnɔme nana wònɔa te ɖe ŋusẽ si wotsɔ le emiam la nu. (Ðewohĩ ne koklozitsroa tri la, asesẽ na koklovi siwo woƒo yeyee be woado le tsroa me.) Wɔla la ƒe aɖaŋu dzie wonɔ te ɖo wɔ akaɖigo wònɔna nogoe ale be ne wotsɔ ŋusẽ miae kple asi hã la, ŋusẽa \"kakana ɖe eŋu tso eƒe tsutsũeƒe yina ɖe afisiafi.\" Eyata abe alesi wòle le koklozi gome ene la, ne womemia teƒe ɖeka aɖe nɛ ʋuu o la, ekema eya hã magbã o. Amegbetɔwo va nya nu geɖe to nusɔsrɔ̃ tso nuwɔwɔ ŋu me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031208\/Amegbet%C9%94wo-Sr%C9%94%CC%83a-W%C9%94laa-%C6%92e-A%C9%96a%C5%8Bu\/","date":"2023-09-21T09:27:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233505362.29\/warc\/CC-MAIN-20230921073711-20230921103711-00481.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986533523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986533522605896}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mienya Nu Geɖe tso Biblia Ŋu\"\nFiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nESI Yesu si xɔ ƒe 12 ƒo nu na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le Yerusalem la, \"amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.\" (Luka 2:47) Nenema ke egbea hã, sɔhɛ siwo nye Yehowa subɔlawo dometɔ geɖe tsɔa dzideƒo ƒoa nu tso Mawu kple Biblia ŋu na woƒe nufialawo kple sukuhatiwo, eye zi geɖe la, nusiwo dona tsoa eme nyea dzidzɔnyawo sɔŋ nenema ke.\nTiffany si xɔ ƒe 14 nɔ nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo aɖe me esime nusɔsrɔ̃a va ku ɖe ƒewo ƒe kwasiɖa 70 si Biblia gblɔ ɖi, si dze le Daniel 9:24-27 la ŋu. Nufiala la gblɔ nya ʋɛ aɖewo tso kpukpuiawo ŋu heƒu du to nyatia me dzradzradzra.\nGbã la, Tiffany medi be yeado asi ɖe dzi o. Egblɔ be: \"Gake le susu aɖe ta la, eɖe fu nam vevie be womeɖe kpukpuiawo me keŋkeŋ o. Kaka manya la, nye asi le dzi.\" Ewɔ nuku na nufiala la be nya aɖe le ame aɖe si wòagblɔ tso nyatia ŋu, le esi sukuviawo dometɔ akpa gãtɔ menɔ egɔme sem o ta.\nEsi wona mɔnukpɔkpɔa Tiffany be wòaɖe nyagblɔɖia me la, etsi tre eye wòƒo nu agbalẽ aɖeke dzi makpɔmakpɔe. Esi wòwu enu la, sukuxɔa me zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Vɔvɔ̃ ɖo Tiffany vie. Emegbe sukuviawo si akpe kplokplokplo.\nNufiafia la gblɔ enuenue be: \"Tiffany, eme kɔ ŋutɔ, eme kɔ ŋutɔ.\" Nufiala la lɔ̃ ɖe edzi be yenya be nya geɖe anɔ anyi ku ɖe kpukpui mawo ŋu, gake Tiffany enye ame gbãtɔ si ɖe wo me eme kɔ na ye nyuie. Le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu la, ebia Tiffany alesi wòwɔ nya nusia gbegbe tso Biblia me.\nEɖo eŋu be: \"Esi menye Yehowa Ðasefo tae. Dzinyelawo ɖe nyagblɔɖi sia me nam zi gbɔ zi geɖe hafi mete ŋu se egɔme.\"\nBiblia ƒe sidzedze si su esi la wɔ nuku na eƒe sukuxɔmehatiwo hã. Sukuvi ɖeka gblɔ na Tiffany be: \"Fifia menya nusitae mi Yehowa Ðasefowo mieyia tso aƒeme yi aƒeme ɖo; esi mienya nu geɖe tso Biblia ŋu tae.\" Sukuvi bubuwo do ŋugbe be yewomagakoe le eƒe dzixɔsewo ta gbeɖe o.\nEsi Tiffany gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔa na edzilawo la, wodo susu ɖa be wòana agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me eƒe nufiala. Esi wòtsɔe yi nɛ hefia nufiala la akpa si ɖe Daniel ƒe nyagblɔɖia me la, exɔ agbalẽa enumake eye wòda akpe nɛ ɖe eta.\nLe nyateƒe me ne Kristotɔ sɔhɛwo ƒo nu dzideƒotɔe tso nusiwo wo dzilawo fia wo tso Mawu kple Biblia ŋu la, enyea kafukafu kple bubu na Yehowa eye wònyea yayra na woawo ŋutɔwo.—Mateo 21:15, 16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000401\/Fia%C9%96u%C6%92e-Gbe%C6%92%C3%A3%C9%96elawo-Ka-Nya-Ta\/","date":"2023-09-28T18:21:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510427.16\/warc\/CC-MAIN-20230928162907-20230928192907-00166.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994449019,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994449019432068}","num_words":432,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nye Mawu ƒe nya si wòŋlɔ na mí katã. Ele be míasrɔ̃e be míanya Biblia la Ŋlɔla nyuie. (Yohanes 17:3; 2 Timoteo 3:16) Biblia la mee Yehowa Mawu ɖe tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo kple woƒe aƒe si nye anyigba la ŋu fia le.—1 Mose 3:15; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.\nAgbalẽ aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi de enu o. Biblia kpena ɖe mía ŋu míeɖea Mawu ƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ kple dɔmetɔtrɔ fiana. Enaa mɔkpɔkpɔ mí hewɔnɛ be míetea ŋu doa dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Enana míekpɔa xexe sia me nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu debliboa o la dzea sii.—Psalmo 119:105; Hebritɔwo 4:12; 1 Yohanes 2:15-17.\nHebrigbe, Aramgbe kple Helagbe mee woŋlɔ Biblia ɖo gbã, eye woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 3,000 sɔŋ me. Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe hema wu le ŋutinya me. Aleae míakpɔ mɔ be wòanɔ hã. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ be: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia [si nye gbedeasi vevitɔ si le Biblia me] le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"—Mateo 24:14.\nEsi míenya ale si gbegbe Biblia me nyawo le vevie ta la, míedze agbagba be gɔmeɖeɖe sia me nyawo nasɔ pɛpɛpɛ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me nyawo, eye míekpɔ egbɔ be nyaawo me kɔ, eye wo xexlẽ hã le bɔbɔe. Nyati siwo nye \"Biblia Gɔme Ðeɖe Ŋuti Mɔfiamewo,\" \"Nu Siwo Ðe Dzesi Le Biblia Gɔmeɖeɖe Sia Ŋu\" kple \"Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si\" la dze le Megbenyawo me, eye wodzro mɔfiame siwo dzi míezɔ ɖo le gɔmeɖeɖe sia me kple nu siwo ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe sia ŋu la dometɔ aɖewo me.\nAme siwo lɔ̃a Yehowa Mawu eye wosubɔnɛ la dina vevie be Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe si sɔ pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe la nasu yewo si. (1 Timoteo 2:4) Esia tae míetrɔ asi le gɔmeɖeɖe sia, si le Eʋegbe me, ŋu be wòanye míaƒe taɖodzinu si nye be míaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me ale si wòanya wɔe la ƒe akpa aɖe. Míele gbe dom ɖa hele mɔ kpɔm be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe sia naɖe vi na wò, nuxlẽla lɔlɔ̃a, esi nèle agbagba dzem be 'yeadi Mawu eye yeake ɖe eŋu vavã.'—Dɔwɔwɔwo 17:27.\nXexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmiti\nAugust 2014","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94-k%C9%94k%C9%94eawo-%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2023-09-24T00:40:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506539.13\/warc\/CC-MAIN-20230923231031-20230924021031-00874.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974566698,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974566698074341}","num_words":386,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Doc Let Nha Trang alo Doc Let le Ninh Hai nuto me, Ninh Hoa du, Khanh Hoa, abe 49km ene le Nha Trang dua titina ƒe dzigbe gome. Doc Let Beach ɖe dzesi ŋutɔ le eƒe ke ɣi didi aɖe kple poplar blɔ siwo ma anyigbagã la kple atsiaƒua dome ta. Doc Let Nha Trang nye ƒutadu la ƒe teƒe dzeaniwo dometɔ ɖeka, ƒuta didi aɖe, ke ɣi nyuiwo kple tsi blɔ si me kɔ le afima. Doc Let ƒuta la ƒe ke gã kple kɔkɔwo keke ɖe enu va ɖo atsiaƒua gbɔ. Azɔ hã le esi woxe mɔ na ke mawo ta la, amedzrowo ase le wo ɖokui me be afɔɖeɖe ɖesiaɖe le blewu. Amedzrowo ateŋu atiae be yewoazɔ mɔ ayi Doc Let Nha Trang, Nha Trang dugã me to yameʋu alo keteke me. Amedzroawo xɔa yameʋutike yi Cam Ranh yameʋudzeƒea, emegbe wohayaa taksi alo dzokeke yia Doc Let. Nuto aɖe le Doc Let Beach si me amedzrowo ate ŋu aƒu asaɖa anyi ɖo. Eyata àte ŋu adzra agbadɔ alo ahayae le teƒea, atsɔ nuɖuɖu kple nunono vɛ, adzra dzofi ɖo na asaɖa me nɔnɔ le zã me eye nànyrɔ ɖokuiwò ɖe haƒoƒo vivia me le dzo si le bibim la gbɔ kple xɔ̃wòwo. Ninh Thuy tɔƒodekɔƒe aɖe le Doc Let xa si medidi boo o eye wònye tsaɖiƒe xɔŋkɔ aɖe ŋutɔ le Nha Trang. Tɔƒodekɔƒea me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ eye woate ŋu ate ɖe wo ŋu. Le afisia la, amedzrowo ado go kɔƒea ƒe agbo sue dzeani aɖe si wotsɔ lime pink ta, si nye kɔƒenutome tɔ gake etɔxɛ ŋutɔ. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe ne èva Ninh Thuy tɔƒodekɔƒea mee nye be nàkpɔ gome le tɔƒodela siwo le tɔƒodekɔƒea me ƒe gbesiagbedɔwo me. Ne amedzrowo wɔ dɔ sia la, woase amesiwo le ƒukpo gbemelãa dzi ƒe agbenɔnɔ gɔme geɖe wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/triphun.com\/post\/doc-na-%C6%92uta-khanh-hoa-ewe\/2597","date":"2023-09-23T05:03:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506479.32\/warc\/CC-MAIN-20230923030601-20230923060601-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981173277,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981173276901245}","num_words":305,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"4 Eya ta nye, ame si le ga me+ le Aƒetɔ la ta, mele kuku ɖem na mi vevie be miazɔ ale si dze+ mia yɔyɔ la, 2 le ɖokuibɔbɔ+ kple tufafa blibo me, le dzigbɔgbɔ blewu me,+ eye miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me,+ 3 eye midze agbagba vevie mialé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.+ 4 Ŋutilã ɖeka+ kple gbɔgbɔ ɖekae+ li, abe ale si ko woyɔ mi va mɔkpɔkpɔ ɖeka+ si ta woyɔ mi ɖo la gbɔ ene; 5 Aƒetɔ ɖeka,+ xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka; 6 Mawu ɖeka, si nye amewo katã Fofo, ame si le amewo katã nu, ame si wɔa dɔ to amewo katã dzi, eye wòwɔnɛ le amewo katã me. 7 Ke wove mía dometɔ ɖe sia ɖe nu le Kristo la ƒe nunana faa si wòdzidze na mí la nu.+ 8 Elabena egblɔ be: \"Esi wòlia yi dzi ʋĩi la, ekplɔ aboyomewo yii; ena nunana siwo nye amewo.\"+ 9 Ke nu ka fiam nya si nye \"wòlia yi dzi\" la le, ne menye be eɖi va anyi me hã, si nye anyigba dzi oa? 10 Ame si tututu ɖi va la kee lia yi dzi+ ʋĩi wògbɔ dziƒowo ƒe dziƒo ŋu,+ ale be wòana nuwo katã nazu blibo.* 11 Eye wòna ame aɖewo wonye apostolowo,+ ɖewo nye nyagblɔɖilawo,+ ɖewo nye nyanyuigblɔlawo,+ eye ɖewo nye alẽkplɔlawo kple nufialawo,+ 12 kple susu be woana hehe* ame kɔkɔewo hena subɔsubɔdɔ wɔwɔ, na Kristo la ƒe ŋutilã* tutu ɖo,+ 13 va se ɖe esime mí katã míaɖo xɔse ƒe ɖekanyenye gbɔ, eye míaɖo Mawu ƒe Vi la ŋuti sidzedze vavãtɔ gbɔ azu ame siwo tsi blibo+ ahaɖo tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ; 14 ale be míaganye ɖeviwo ne nufiafia ƒe ya sia ya+ si ƒona yina gbɔna la nanɔ mía nyamam abe ƒutsotsoewo ene, to amewo ƒe beble kple amefuflu ayetɔe me o. 15 Ke boŋ mina míato nyateƒe, ale be míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la me.+ 16 Eya gbɔe wòtso be wokpe ŋutilã blibo+ la ɖekae pɛpɛpɛ, eye wona wòle dɔ wɔm ɖekae esi eƒe kpeƒekpeƒewo katã le woƒe akpa dzi wɔm. Ne ŋutinu ɖe sia ɖe wɔa eƒe dɔ nyuie la, ewɔnɛ be ŋutilã la tsina le esi wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me ta.+ 17 Eya ta nya si gblɔm mele hele ɖase ɖim le eŋu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ mee nye be, miagayi edzi anɔ zɔzɔm abe ale si dukɔwo hã zɔna+ le woƒe tamesusu gbɔlowo me la ene o.+ 18 Woƒe tamesusu do viviti, eye wole adzɔge na agbe si tso Mawu gbɔ, le esi numanyamanya xɔ aƒe ɖe wo me, eye woƒe dzi ku atri hã ta. 19 Naneke megakpea ŋu na wo o, eye woɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu na ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe,*+ ale be woanɔ nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ dzi kɔmaɖimaɖii. 20 Ke miawo la, menye alea miesrɔ̃e be Kristo la le o, 21 ne vavãe miese eŋu nya, eye woto edzi fia nu mi, abe ale si nyateƒe la le Yesu me ene. 22 Wofia nu mi be miaɖe amenyenye xoxo+ si sɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu, si le gbegblẽm le eƒe nudzodzro fluamewo nu, la ɖa.+ 23 Ke minɔ miaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzi* wɔm yeyee,+ 24 eye miado amenyenye yeye+ si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la. 25 Eya ta esi mieɖe amebeble ɖa azɔ la, mia dometɔ ɖe sia ɖe nato nyateƒe na ehavi,+ elabena ŋutinuwoe míenye na mía nɔewo.+ 26 Mibi dzi, ke migawɔ nu vɔ̃ o;+ ɣe nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi dzi o;+ 27 eye migana mɔ Abosam hã o.+ 28 Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui,+ ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.+ 29 Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o,+ ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na ame siwo asee la.+ 30 Eye miganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe,+ si wotsɔ tre mia nu+ hena ŋkeke si dzi woato tafe la dzi aɖe mi la o.+ 31 Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi,+ dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame+ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome hekpe ɖe nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti.+ 32 Ke boŋ minyo dɔme na mia nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie,+ eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nuwo katã nava eme bliboe.\"\n^ Alo, \"woaɖɔ wo ɖo.\"\n^ Alo, \"hame.\"\n^ Alo, \"ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tamesusu ƒe gbɔgbɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Efesot%C9%94wo\/4\/","date":"2023-10-04T20:10:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511406.34\/warc\/CC-MAIN-20231004184208-20231004214208-00505.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991502762,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999150276184082}","num_words":775,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukae na be Koreatɔwo va te Kristmas ɖuɖu?\nDzixɔse xoxo aɖe nɔ Koreatɔwo kple dukɔ bubu aɖewo me tɔwo si tso mawu aɖe si kpɔa dzodoƒenyawo dzi ŋu si wosusu be etoa dzodoƒea ƒe dzudzɔtoƒea me tsɔa nunanawo vanɛ le December me. Azɔ hã le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu la, U.S. srafowo ma nunanawo kple kpekpeɖeŋunanuwo le sɔlemeha siwo le dua me la me.—12\/15, axa 4, 5.\n• Le Yesaya 21:8 ƒe emevava nu la, \"dzɔla\" kae le Mawu si le míaƒe ŋkekea me?\nKristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, siwo le dɔ wɔm abe dzɔla habɔbɔ ene la, xlɔ̃ nu amewo tso xexeame ƒe nudzɔdzɔ siwo nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava ŋu. Wokpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu hã be wode dzesi nufiafia kple nuwɔna siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o heƒo asa na wo.—1\/1, axa 8, 9.\n• Amekawoe nye \"Poland Nɔvihabɔbɔ\"?\nWonye subɔsubɔha sue aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 16 kple 17 lia me le Poland si de dzi ƒo na emenɔlawo be woalé ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu eye wogbe xɔseha si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe nufiafiawo, siwo ƒe ɖee nye Mawuɖekaetɔ̃, tsidedeta na vidzĩwo, kple dzomavɔ nufiafia. Esia na wova ti wo yome vevie hede zi wo dome hena wokaka ɖe dukɔ bubuwo me.—1\/1, axa 21-3.\n• Nukatae wòle be woaka ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzi ke menye etsɔmenyalawo alo ɣletivimefakalawo ƒe nyagblɔɖiwo o?\nEdze le amegbetɔwo ƒe yeaɖi nyagblɔɖilawo ŋu be womate ŋu aka ɖe wo dzi o elabena wogbe Yehowa kple Biblia. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo koe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya alesi nudzɔdzɔwo do ƒome kple Mawu ƒe tameɖoɖoe, eye akpe ɖe mia kple wò ƒomea ŋu tegbee.—1\/15, axa 3.\n• Kpeɖodzi kawoe li siwo fia be míele ŋkeke mamlɛawo me?\nMíele nusiwo Satana nyanya tso dziƒo he vɛ la teƒe kpɔm. (Nyaɖeɖefia 12:9) Míele \"fia\" mamlɛtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 17:9-11 la ƒe ɣeyiɣi me. Kristotɔ amesiamina akuakuawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, togbɔ be edze abe wo dometɔ aɖewo aganɔ anyigba dzi esime xaxa gã la adze egɔme ene hã.—1\/15, axa 12, 13.\n• Ɣekaɣie woŋlɔ Xabakuk ƒe agbalẽa, eye nukatae wòle be míatsɔ ɖe le eme?\nWoŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ sia le ƒe 628 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃nya si wògblɔ ɖe blema Yuda kple Babilon ŋue le eme. Eƒo nu tso Mawu ƒe ʋɔnu si wòadrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li fifia la kpuie hã ŋu.—2\/1, axa 9.\n• Biblia ƒe akpa kae míakpɔ vidada aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le na srɔ̃nyɔnu zazɛ̃wo?\nLododowo ƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛa, si nye ta 31 lia, nye teƒe nyui aɖe si míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo sia tsoe.—2\/1, axa 30, 31.\n• Nukatae míada akpe be Yehowa ɖe \"Kristo ƒe tamesusu\" fia mí? (Korintotɔwo I, 2:16)\nYehowa to nuŋlɔɖi si nye Nyanyuigbalẽwo dzi kpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ nu tso Yesu ƒe tamesusuwo, seselelãmewo, dɔwɔnawo kple nusiwo nɔ vevie nɛ ŋu. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ abe Yesu ene, vevietɔ le alesi míebua agbeɖeɖedɔ si nye gbeƒãɖeɖedɔ lae gome.—2\/15, axa 25.\n• Ðe Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu egbea?\nẼ. Togbɔ be Biblia ɖee fia be Mawu meɖoa gbedodoɖawo katã ŋu o hã la, egbeŋkekea me nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be eɖo amesiwo do gbe ɖa hena akɔfafa kple kpekpeɖeŋu le nyawo abe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ene gbɔ kpɔkpɔ me ƒe gbedodoɖawo ŋu.—3\/1, axa 3-7.\n• Nukae míawɔ axɔ ŋusẽdodo tso Mawu gbɔ?\nMíate ŋu ado gbe ɖa abiae, míate ɖe Biblia ŋu hena gbɔgbɔmeŋusẽdodo, eye míate ŋu axɔ ŋusẽdodo to Kristotɔwo ƒe hadede me.—3\/1, axa 15, 16.\n• Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be Kristotɔwo ƒe kpekpewo naɖe vi na wo geɖe?\nÐewohĩ woate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu ne wona wodɔ alɔ̃ ɖi ɖe eme do ŋgɔ ale be woate ŋu anɔ ŋu. Woate ŋu ade dzi ƒo na ɖeviwo be woawɔ \"nuŋlɔɖiwo,\" abe flitete ɖe pepa dzi zi alesi woyɔ nya alo ŋkɔ nyanyɛ si wose la ene.—3\/15, axa 17, 18.\n• Nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe kpɔɖeŋu me dometɔ aɖewoe nye kawo?\nHiob tsɔ ƒomedodo si nɔ woa kple Mawu dome ɖo nɔƒe gbãtɔ, mekpɔ ame ŋkume le nuwɔwɔ kple ehavi amegbetɔwo me o, edze agbagba ɖi anukware na srɔ̃a, etsɔ ɖe le eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me, eye edo dzi nuteƒewɔwɔtɔe le dodokpɔ me.—3\/15, axa 25-7.\n• Ðe Ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlawo le Biblia me si nana be wosea gbedasi ɣaɣlawo gɔmea?\nAo. Woate ŋu agblɔ nya siwo wogblɔna be enye ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣla la ke tso xexemegbalẽ aɖewo hã ŋu nenema ke. Ŋɔŋlɔdzesi mawo siwo wosusu be wole Biblia me magaɖi naneke o ne wotsɔ Hebrigbe me Biblia siwo woŋlɔ kple asi me ŋɔŋlɔdzesiwo sɔ kple bubuawo.—4\/1, axa 30, 31.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000415\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2023-10-01T02:31:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510734.55\/warc\/CC-MAIN-20231001005750-20231001035750-00262.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988310933,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988310933113098}","num_words":779,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atiwo ƒe akɔntabubu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nW - Board ƒe kekeme\nH - board ƒe titrime\nL - Board ƒe didime\nNyatakaka gbãtɔwo\nN - Agbɔsɔsɔ le kakɛwo me\nE - Agbɔsɔsɔ le kubik mita me\nAme geɖe, ne wole aƒe alo tsileƒe tum la, edzea ŋgɔ alesi wòhiã be woabu akɔnta le ati agbɔsɔsɔme si hiã hena dɔwɔwɔ ŋu. Trɔ alo ati agbɔsɔsɔme si nèhiã la nyanya le bɔbɔe. Gake zi geɖe la, woɖea ati ƒe asi fiana kubik-meta ɖeka, eye le go sia me la, asɔ wu be woazã ɖoɖo tɔxɛ aɖe hena akɔntabubu. To míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe kpekpeɖeŋu me, ne ènya ʋuƒoa ƒe didime, kekeme kple eƒe titrime, kpakple woƒe xexlẽme le kakɛwo me la, àte ŋu abu ati kubik-meta nenie nàhiã kple kubik-meta ɖeka alo ʋuƒo ɖeka ƒe asi.\nAfisi woate ŋu azãe le\nWoyɔa ati alea elabena wokpɔnɛ to ati ƒe ke ƒoƒo me. Wozãa atiwo hena xɔtutu, xɔmenuwo wɔwɔ, nugoe vovovowo kple nu bubuwo. Egbea la, xɔtunu sia ƒomevie amewo lɔ̃a zazã wu. Ati si wotsɔ wɔa ati siwo wotso la nye nu nyui aɖe si xea mɔ na dzoxɔxɔ, eléa fafa si nɔa anyi ɖaa me ɖe asi eye mehiã be woawɔ dɔ tɔxɛ aɖeke na wo ahalé be nɛ o, si wɔe be wòsɔna ŋutɔ.\nAti ƒomeviwo\nAtiwo dometɔ aɖewoe nye atiwo, ʋuƒo siwo ƒe nugbɔ le nugbɔ, ʋuƒo siwo ƒe nugbɔ mele o, xɔtuɖaŋuwo.\nBeam la nye ati si ŋu wotrɔ asi le tso goawo katã me. Le lãɖeɖea me la, eƒe akpa si le dzogoe ene me alo dzogoe ene me le eŋu. Wozãa atiawo wu le aƒewo, tsileƒewo kple anyigbaxɔwo tutu me.\nAti si ƒe nugbɔ nye ati si woate ŋu azã le mɔ vovovowo nu si wozãna vevie le xɔtudɔwo me le xɔa godo kple le xɔa me ƒe nɔnɔmewɔwɔ siaa me. Tabla si ƒe nugbɔ le atitsoga me nye dzogoe ene me si didi. Kpe si ŋu nugbɔ mele o to vovo na ʋuƒo si nu nu le le esi womelãa eƒe gowo o ta, ale be ati si me wotso ʋuƒo sia tsoe ƒe aŋgba ƒe ƒuƒoƒo aɖe gakpɔtɔ nɔa dzedzem.\nXɔtumɔ alo ʋuƒo nye ahadzraƒe si ƒe akpa aɖe le sue wu esi wozãna edziedzi eye wozãnɛ geɖe le xɔtutu me.\nWoda atiwo ɖe hatsotsowo me le ati ƒomevi si wotsɔ wɔe nu. Wotsɔa ati siwo nye coniferes abe pine, spruce kple larch ene wɔa woe.\nWodea vovototo atiwo hã me le tsi si le wo me ta. Woma wo ɖe ƒuƒu siwo me tsi le wu 22 le alafa me kple esiwo ƒu eye tsi si le wo me mede 22 le alafa me o me. Wozãa gbãtɔwo tsɔ wɔa xɔtudɔwoe, eye wozãa evelia tsɔ wɔa xɔmenuwoe.\nAti ƒomevi vovovowo hã li. Dzeside tiatia nɔ te ɖe dɔbiagbalẽvia dzi. Eyata le xɔmenuwo gome la, wozãa nusiwo le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake. Le ati siwo wotsɔ blaa nu kple esiwo wotsɔa aŋe wɔe gome la, ati siwo ƒe hatsotso 1 sɔ, eye wozãa ati siwo ƒe hatsotso 2 kple 3 koŋ abe xɔtuɖaŋu ene.\nNudzraɖoƒe Ŋuti Aɖaŋuɖoɖowo\nEle be woakpɔ ati, ne womezãe ɣeyiɣi didi o la, tso tsidzadza me. Esia ate ŋu ana woƒe gbegblẽ. Womekafui be woadzra ati siwo woƒo ƒu ɖe wo nɔewo dzi ɖo o. Ele be dometsotsowo nanɔ atikpo alo ʋuƒo siwo wotsɔ ƒo ƒui dome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/wood\/","date":"2023-10-05T03:29:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511717.69\/warc\/CC-MAIN-20231005012006-20231005042006-00252.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990428686,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990428686141968}","num_words":547,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔnu si wozãna tsɔ bua akɔnta le nusiwo woatsɔ awɔ awudzraɖoƒe ŋu\nEsia awɔe be ɖoɖowɔɖia abu akɔnta\nGblɔ didimewo le milimeta me\nY - kabinet ƒe kɔkɔme\nX - kekeme\nZ - goglome\nC - plinth ƒe akpa ƒe kɔkɔme\nW - kabinet ŋutilã nu ƒe titrime\nV - nusiwo ƒe akpa siwo le eme ƒe titrime\nF - didime na awudzraɖoƒe ƒe ʋɔtru siwo wotu ɖe eme\nP - mama siwo le tsitrenu ƒe xexlẽme\nA - mezzanine shelf, akpa siwo dzi wòle\nH - mezzanine ƒe agbalẽdzraɖoƒe ƒe kɔkɔme\nTsɔ kabinet ƒe akpawo ƒe kekeme gblɔ.\nWoakpɔ kabinet la ƒe akpa mamlɛtɔ ƒe kekeme le eɖokui si.\nTia agbalẽdzraɖoƒe siwo le akpa ɖesiaɖe me ƒe xexlẽme.\nTsɔ agbalẽdzraɖoƒeawo ƒe kɔkɔme gblɔe.\nWoakpɔ didime si tso anyigba va ɖo agbalẽdzraɖoƒe mamlɛtɔ gbɔ le wo ɖokui si.\nG - fia didimewo le nɔnɔmetatawo dzi\nN - fia akpa ƒe xexlẽdzesiwo le nɔnɔmetatawo dzi\nkabinet ƒe ŋutilã ƒe nuzazãwo ƒe lolome bliboa\nnusiwo katã le agbalẽdzraɖoƒewo kple kabinet mamawo ƒe lolome bliboa\nmegbe gli nu nuto\naɖe kabinet la ƒe nukpɔkpɔ kple nɔnɔmetata siwo wowɔ le xexeame katã afia\nxexlẽme kple afisi do siwo woatsɔ aɖoe le (negbe do siwo le ʋuƒoawo kple kabinet ƒe anyigba dome koe mele eme o)","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/cupe\/","date":"2023-10-05T01:57:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511717.69\/warc\/CC-MAIN-20231005012006-20231005042006-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998280406,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999828040599823}","num_words":199,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"33 Oo, mi ame dzɔdzɔewo, migli kple dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.+ Esɔ be nu dzɔdzɔe wɔlawo nakafui. 2 Mitsɔ saŋku da akpe na Yehowa;Miƒo ha* nɛ le kasaŋku kaewotɔwo dzi. 3 Midzi ha yeye nɛ;+Mitsɔ aseyetsotso ƒo kasaŋku nɛ aɖaŋutɔe. 4 Elabena Yehowa ƒe nya le dzɔdzɔe,+Eye eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe. 5 Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe.+ Anyigba dzi yɔ fũu kple Yehowa ƒe amenuveve.+ 6 Yehowa ƒe numenya nue wòwɔ dziƒowo,+Eye eƒe numegbɔgbɔ la nue wòwɔ wo ŋu nuwo* katã. 7 Enana atsiaƒutsiwo ƒoa ƒu ɖi abe tsita ene;+Eye wòdzraa tsi dzeagbowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo. 8 Anyigba blibo la nevɔ̃ Yehowa.+ Anyigbadzinɔlawo katã nevɔ̃e eye woade bubu deto eŋu. 9 Elabena eƒo nu, eye wòva eme;+Ede se, eye wòli ɖi goŋgoŋ.+ 10 Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me;+Etɔtɔ dukɔwo ƒe ɖoɖowo me.+ 11 Ke Yehowa ƒe nyametsotsowo* ya li tegbee;+Eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime. 12 Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye,+Dukɔ si wòtia be wòanye ye ŋutɔ ye tɔ.+ 13 Yehowa kpɔa nu tso dziƒowo;Ekpɔa amegbetɔviwo katã.+ 14 Ele enɔƒeEye eƒe ŋku le anyigbadzinɔlawo katã ŋu. 15 Eyae wɔa amewo katã ƒe dzi;Eye wòléa ŋku ɖe woƒe dɔwɔwɔwo katã ŋu.+ 16 Fia ƒe aʋadziɖuɖu mele aʋakɔ kpaŋkpaŋ me o;+Eye kalẽtɔ ƒe ŋusẽ triakɔ meɖenɛ o.+ 17 Ŋuɖoɖo ɖe sɔwo ŋu hena aʋadziɖuɖu+ nye tofloko;Eƒe ŋusẽ triakɔ la mexɔna na ame godoo o. 18 Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,+Ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve, 19 Be wòaɖe wo* tso ku si meEye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.+ 20 Míele mɔ kpɔm* na Yehowa. Míaƒe kpeɖeŋutɔ kple míaƒe akpoxɔnu wònye.+ 21 Eya mee míaƒe dzi kpɔa dzidzɔ le;Elabena eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋue míeɖoa dzi ɖo.+ 22 Oo Yehowa, wò amenuveve nenɔ kpli mí,+Esi míele mɔ kpɔm na wò.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Midzi kafukafuha.\"\n^ Alo, \"dziƒoʋakɔwo.\"\n^ Alo, \"adaŋudedewo.\"\n^ Alo, \"woƒe luʋɔ.\"\n^ Alo, \"Míaƒe luʋɔ le mɔ kpɔm.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/33\/","date":"2023-12-01T13:00:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100287.49\/warc\/CC-MAIN-20231201120231-20231201150231-00136.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963340759,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963340759277344}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuwo Gbugbɔgadzɔ\nTogo Afrika ƒe amewo ade miliɔn 8 eye 47% da ahe eye abe 100,000 ene nye aƒemanɔsitɔwo. Ame geɖe nɔa deti ƒe aŋgbawo ƒe aƒe siwo wolɔ̃ me, abe esi le nɔnɔmetata me ene, eye tsi si sina alo dzadzɛnyenye aɖeke mele wo me o. To viɖe si míekpɔ tso Commerce 360 me la míeɖoe be míatu xɔ siwo anɔ anyi ɖaa na nuto siwo le abe esia ene. Trɔ yi afisia hena míaƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakaka yeyewo alo nàwɔ ɖoɖo ɖe míaƒe e-mailwo ŋu be nàdze mía yome le míaƒe mɔzɔzɔa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/commerce360.trade\/ee\/pages\/giving-back","date":"2023-11-30T04:22:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.87\/warc\/CC-MAIN-20231130031610-20231130061610-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990905523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990905523300171}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie\n\"Menɔa dɔ dzi ʋuu zã kple keli. Zi geɖe la, ne meko ame le kɔ ɖeka dzi vɔ la, ke megadze ʋu me, eye le miniti ʋɛ aɖewo megbe, ne mete ŋu to ʋu gbogbo siwo le mɔa dzi dome dedie la, ke megadzea ame bubu koko le kɔ bubu dzi.\"—Ðɔkta Peter Stuart, si le South Africa.\nNE NU bubuwo kura ye na wò ya nètsi dzimaɖi hã la, ɖewohĩ ènya ale si Ðɔkta Stuart sena le eɖokui me. Eɖanye ale si mètea ŋu ɖoa afi si yim nèle kaba o le esi ʋuwo sɔa gbɔ ɖe mɔa dzi ta, alo ale si wò aƒe me alo dɔ me mefa o, alo nu bubu aɖe, gbɔe wòtsona be nètsia dzimaɖi o, nyae be menye egbee dzimaɖitsitsi ƒe kuxi sia dze egɔme o.\nƑe 3,000 kple edzivɔe nye esia la, ŋutsu aɖe si aʋawɔwɔ ma la ʋu eme be: \"Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye nye lãme ble fu.\" (Psalmo 55:6) Ŋutsu sia nya nu si dzimaɖitsitsi nye. Esi wònye alẽkplɔla le eƒe ɖevime la, edo go dzata kple sisiblisi, eye aʋame aɖe do ŋɔdzi nɛ heɖoe be yeawui.—1 Samuel 17:4-10, 23, 24, 34-36, 41-51.\nDzimaɖitsitsi menye nu gbegblẽ le eɖokui si o. Ate ŋu ana ame nadi be yeadze agbagba ate nu sesẽ aɖe wɔwɔ kpɔ. Ne amewo ƒe agbe ɖo afɔku me la, ale si wotɔtɔna le wo ɖokui me hetsia dzimaɖi la nana wotea ŋu wɔa avu dona le nɔnɔme sesẽ aɖewo me wòwɔa nuku na woawo ŋutɔwo. Ne ètsi dzi ɖe dɔ vevi aɖe wɔwɔ ŋu la, ekema lãmetsi aɖe si woyɔna be adrenaline la adzi asɔ gbɔ ɖe lã me na wò, si akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ dɔa ɖe game dzi. *\nGake ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi ale gbegbe be eƒe ŋutilã de vovo ge do kpoe la, ate ŋu agblẽ nu. Numekula aɖe gblɔ be: \"Dzimaɖitsitsie nye nu vevitɔ si nana míenɔa lãmesẽ me hekpɔa dzidzɔ o.\" Ne ewɔ na wò be dzimaɖitsitsia wu tsɔtsɔ na ye, alo mèdi be wòaɖo afi ma o la, ke àbia be: \"Ðe nane li mate ŋu awɔ, si ana nyematsi dzimaɖi fũu akpa oa?\"\nDzidzɔnyae nye be, nane li nàte ŋu awɔ! Ɛ̃, nane li, si ame geɖe wɔ hekpɔ gbɔdzɔe, eye ame sia me ate ŋu awɔe. Nu si mànya nɔ mɔ kpɔm na o lae kpe ɖe wo ŋu—eyae nye Mawu ƒe Nya, Biblia. Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Eɖe nu si tae ame geɖe tsi dzimaɖi egbea ɖo la me, eye wòyɔ nu siwo nana amewo tsia dzimaɖi hã dometɔ aɖewo. Efia mɔ nyui aɖewo hã, siwo akpe ɖe mía ŋu be míagatsi dzimaɖi fũu o, alo aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.—g10-E 06.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Lãmetsi sia kpena ɖe ame ŋu wòtea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne ehiã be wòawɔ nu kpata.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201007\/Dzima%C9%96itsitsi-Ate-%C5%8Au-Agbl%E1%BA%BD-Nu-Le-Ame-%C5%8Au-Vevie\/","date":"2023-12-02T12:59:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100399.81\/warc\/CC-MAIN-20231202105028-20231202135028-00167.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988332391,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988332390785217}","num_words":485,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusi Ku Gblẽna le Ame Ŋu\n\"ƑE ADE VI AÐE WU EÐOKUI.\" Tanya dovoɖiname sia ƒo nu tso nyɔnuvi sue aɖe si ŋkɔe nye Jackie ƒe kunya wɔnublanuia ŋu. Nyitsɔ laa koe dɔlémafɔe aɖe wu nɔa. Jackie ɖoe koŋ va tso keteke aɖe ŋgɔ, gake hafi wòawɔ ema la, egblɔ na nɔviawo be yedi be 'yeatrɔ azu mawudɔla ne yeava nɔ ye nɔ gbɔ.'\nEsi Ian xɔ ƒe 18 la, eɖe kuku na eƒe osɔfo be wòaɖe nusitae kansa wu ye fofo gɔme na ye. Osɔfoa gblɔ be esi fofoa nye ame nyui ta la, Mawu hiãe le dziƒo. Esi Ian se numeɖeɖe sia vɔ la, eƒo nya ta be yemedi be yeanya naneke tso Mawu sẽŋuta ma ŋu o. Esi wòdze abe tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o ene ta la, Ian tso nya me be ke ɖeko yeaɖu agbe. Le esia taa, eva zu ahanoxe, atike muame nola, kple agbegbegblẽnɔla. Megava nya ta le eƒe agbe nu o.\n\"Agbagbeawo Nyae be, Yewogbɔna Kuku Ge\"\nNudzɔdzɔ wɔnublanui eve siawo ɖe alesi ku ate ŋu agblẽ nu le amewo ƒe agbe ŋui fia, vevietɔ ne womele mɔ kpɔm nɛ o. Ele eme baa be Biblia me nyateƒenya sia le nyanya na mí katã be: \"Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge.\" (Nyagblɔla 9:5) Gake ame geɖe medina be yewoanɔ ŋku ɖom nyateƒenya wɔnublanui ma dzi o. Ke wò ya ɖe? Agbemenuwɔnawo xɔa míaƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ale gbegbe be ɖewohĩ míadi be míabu tame tso ku ŋu o, ahanɔ susum be míele kuku ge fifia o.\nThe World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Ame akpa gãtɔ vɔ̃na na ku, eye wodzea agbagba be yewoaƒo asa na eŋu bubu.\" Ke hã, afɔku dziŋɔ, alo dɔléle sesẽ aɖe ate ŋu aƒoe ɖe mía nu kpata be míakpe akɔ kple ku kpakple emetsonuwo. Alo ɖewohĩ xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe ƒe kuteƒe yiyi ɖoa ŋku nusi le ameƒomea lalam dzi na mí, si sese mevivina mía nu o.\nKe hã, konyifalawo gblɔna le kuteƒe zi geɖe be: \"Ne wofa aɖatsi hã, wokpɔa nu.\" Eye nenemae wòle hã vavã. Le nyateƒe me la, agbenɔƒewo ate ŋu ava yi kabakaba ale gbegbe be kaka míakpɔ la, tsitsi kple eŋu kuxiwo dze ŋgɔ mí xoxo. Ne ame ɖo ɣeyiɣi sia me la, ku meganyea nane si ava dzɔ ɖe edzi gbaɖegbe ƒe nya o. Kuteƒewo yiyi va sɔa gbɔ, eye nuxaxa si ame xɔlɔ̃ veviwo ƒe ku hena vɛ dzina ɖe edzi. Le ame tsitsi geɖewo gome la, nyabiase ɖefuname si xɔa woƒe susu mee enye, \"Ɣekaɣie wòle dzinye ɖo ge?\"\nNane si Gɔme Womate Ŋu Ase O\nTogbɔ be amesiame nya be ku li hã la, nusi koŋ ŋu ame geɖe bunae nye nusi dzɔna le ku megbe. Nukpɔsusu gbogbo siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ate ŋu awɔe be ɖikelawo nabu nukpɔsusu mawo be enye glãkahehe si me viɖe aɖeke mele o tso nane si gɔme womate ŋu ase o ŋu. Amesiwo bua tame le nusi ko woƒe ŋku kpɔna ŋu ate ŋu aƒo nya ta be ne \"agbea katã koe nye esia\" la, ke ele be ame naɖu agbe alesi wòate ŋui fifia.\nTo vovo na esia la, ame bubuwo ya melɔ̃ ɖe edzi be nusianu ƒe nuwuwue nye ku o. Ke hã, womenya naneke tso nusi dzɔna le ku megbe ŋu o. Ame aɖewo susuna be ɖewohĩ agbe tegbee nɔnɔ le dzidzɔ me ayi edzi le teƒe aɖe, eye bubuwo hã susuna be yewoagava anɔ agbe ake le etsɔme, ɖewohĩ ne yewotrɔ zu ame bubuwo.\nƑometɔ siwo ƒe ame ku biana wo ɖokui ɣesiaɣi be, \"Afikae ame kukuwo le?\" Ƒe geɖe enye esia, esi bɔlƒoha aɖe nɔ mɔ zɔm yina gome kpɔ ge le kamedefefe wɔna aɖe me la, agbatsɔʋu aɖe va lɔ woƒe ʋu sue la, eye woge dze aga me. Ƒuƒoƒoa me tɔwo dometɔ atɔ̃ ku. Tso esime vidada aɖe ƒe viŋutsuvi hã ku le afɔku ma me la, etɔtɔ le eɖokui me. Edze agbagba be yeanya afisi ye vi ŋutsuvia le. Eyina eƒe yɔdoa gbɔ ɣesiaɣi, eye wòƒoa nu nɛ sesĩe gaƒoƒo geɖe. Efa konyi be: \"Nyemate ŋu axɔe ase be ku koe nye nusianu ƒe nuwuƒe o, gake nyemeka ɖe edzi o.\"\nEme kɔ ƒã be míaƒe nukpɔsusu le ku ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi fifia. Le nusiwo amewo wɔna ne ame ku ta la, nyabiase geɖewo fɔ ɖe te. De ŋugble tso alesi nàɖo wo ŋui ŋu kpɔ. Ðe wòle be míadzudzɔ tamebubu tso ku ŋu ahalé fɔ ɖe agbe si míele ŋu boŋua? Ðe wòle be míaɖe mɔ ku ƒe ŋɔdzidoname nagblẽ nu le míaƒe agbe ŋua? Ðe nɔnɔme si me ame aɖe si le nu xam le eƒe ame vevi aɖe si ku ŋu le la ayi edzi anɔ manyamanya nɛ tegbeea? Ðe wòle be ku nanye nusi gɔme womate ŋu ase o ɖaa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050815\/Nusi-Ku-Gbl%E1%BA%BDna-le-Ame-%C5%8Au\/","date":"2023-12-11T23:11:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679518883.99\/warc\/CC-MAIN-20231211210408-20231212000408-00121.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981845617,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981845617294312}","num_words":799,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋuɖui—Dɔléle si Naa Wozua Nuwɔametɔ\n\"MÀTE ŊU ANYA ALESI WÒVENAE O NEGBE ÐEE WÒLÉ WÒ HAFI. MESUSU BE MƆ ÐEKA SI KO WOATO AKPƆ GBƆDZƆE ENYE BE NÀKU.\"—SETSUKO, JAPAN.\n\"ESI TSO NYE ƑE 16 XƆXƆ ME KE DƆ SIA DZE DZINYE TA LA, MESE LE ÐOKUINYE ME BE EGBLẼ NYE ÐEKAKPUI ME NAM.\"—DARREN, GREAT BRITAIN.\n\"NYE AGBENƆƑE EVE ME GBLẼ NAM ESI WÒNA METSI ABA DZI TA.\"—KATIA, ITALY.\n\"NE VEVESESEA NYA DZE EGƆME TSO NYE ƑUNUKPEƑEWO KATà KO LA, NYE ŊUTILà ƑE AKPA AÐEKE MESUSƆNA SI NYEMESEA VEVE LE O.\"—JOYCE, SOUTH AFRICA.\nESIAWOE nye ŋuɖuilélawo ƒe konyifafawo. Ŋuɖui ɖoa eléla miliɔn nanewo ɖe woƒe atikewɔlawo gbɔ ƒe sia ƒe wonɔa gbɔdzɔe dim tso vevesese, teƒe ɖeka tsitsi, kple nuwɔametɔ si wòte ŋu naa wozuna la si me.\nLe United States ɖeɖe la, ŋuɖui ɖea fu na ame miliɔn 42 kple edzivɔ henaa ame 1 le 6 ɖesiaɖe me si wòlé la zua nuwɔametɔ. Le nyateƒe me la, ŋuɖuie naa amewo zua nuwɔametɔwo le dukɔ ma me wu dɔléle ɖesiaɖe. Dukɔa me Dɔlélewo Nuléle Kple Wo Nu Tsitsi ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be nusi dɔléle sia gblẽna le ganyawo ŋu \"de sɔsɔ ge kple nusi gblẽna le ɣeyiɣi si me dukɔa ƒe ganyawo yia to le tɔ kloe,\" elabena enaa Amerikatɔwo zãa dɔlar biliɔn 64 kple edzivɔwo ƒe sia ƒe le dɔléle sia kple dɔwɔnawo ƒe toyiyi ta. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be, numekuku siwo wowɔ le dukɔ madeŋgɔwo abe Brazil, Chile, China, India, Indonesia, Malaysia, Mexico, Pakistan, Philippines, kple Thailand ene me ɖee fia be agba si ŋuɖuiléle da ɖe dukɔsiawo dzi la de \"sɔsɔ ge kple dukɔ deŋgɔwo tɔ kloe.\"\nNyakpakpae wònye be ame tsitsiwo ko ƒe dɔlélee ŋuɖui nye. Nyateƒee wònye be egblẽa nu le amewo ŋu vevie ne wole tsitsim ya. Gake ŋuɖui si bɔ wu ɖesiaɖe, si naa kpeƒewo tena, léa ƒe 25 va ɖo 50 xɔlawo. Le United States la, ame 3 le ŋuɖuiléla 5 ɖesiaɖe me mekpɔ xɔ ƒe 65 o. Nenema ke le Great Britain la, le ŋuɖuiléla miliɔn 8 dome la, miliɔn 1,200,000 mexɔ ƒe 45 o. Wo dome 14,500 kple edzivɔ nye ɖeviwo.\nŊuɖuilélawo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi ŋutɔ ƒe sia ƒe. Le ƒe ewo si gbɔna me la, ŋuɖuilélawo adzi ɖe edzi miliɔn ɖeka le Canada. Togbɔ be ŋuɖui bɔ ɖe Europa wu Afrika kple Asia hã la, dɔléle sia ƒe amedzidzedze le dzidzim ɖe edzi le anyigbagã mawo hã dzi. Alesi ŋuɖui le dzidzim ɖe edzii la ƒoe ɖe Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa nu be wòaɖe gbeƒã ƒe 2000-2010 be enye Ƒu Kple Ƒunukpeƒe Ƒewo. Le ɣeɣiɣi sia me la, ɖɔktawo kple lãmesẽnya gbɔ kpɔla bibiwo le xexeame godoo awɔ dɔ ɖekae be woakpe ɖe amesiwo le lã kple ƒu me dɔwo abe ŋuɖui ene lém ŋu be woaka vo vie le agbe me.\nNukae wonya tso dɔ sia si naa wosea veve helĩhelĩ la ŋu? Amekawo dzie wòate adze? Aleke ŋuɖui lélawo ate ŋu anɔ te ɖe nuwɔametɔ si wònaa wozuna la nui? Ðe woate ŋu ava dae gbaɖegbea? Míadzro nya siawo me le míaƒe nyati siwo kplɔe ɖo la me.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nX ray: Used by kind permission of the Arthritis Research Campaign, United Kingdom (www.arc.org.uk)","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/%C5%8Au%C9%96ui-D%C9%94l%C3%A9le-si-Naa-Wozua-Nuw%C9%94amet%C9%94\/","date":"2023-12-06T18:43:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100602.36\/warc\/CC-MAIN-20231206162528-20231206192528-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985209107,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985209107398987}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nEsi Yesu fia eyomedzelawo be 'woado nu eye womegakpɔ mɔ na naneke o' la, ɖe wòfia be mele be woaxɔ gati si wodo na amea kura gɔ̃ hã oa?\nNe Mose ƒe Sea le susu me na mí la, ana míase Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 6:35 gɔme nyuie. Mawu de se na Israel-viwo be ne wodo ga na wo havi Israel-vi siwo da ahe eye wohiã kpekpeɖeŋu la, mele be woaxɔ deme le wo si o. (Mose II, 22:25; Mose III, 25:35-37; Mateo 5:42) Menye asitsatsa tae wodoa ga mawo tɔgbe ɖo o. Ke boŋ be woakpe ɖe amesi da ahe la ŋu alo akpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽ aɖe me tae womexɔa deme ɖe gadodo mawo tɔgbe dzi o. Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔe be manye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amehavi be woato eƒe gakuxi dzi akpɔ viɖe o. Ke hã amesi do ga na ame la ate ŋu axɔ gatia, eye ɣeaɖewoɣi la, woxɔa awɔbanu le amewo si hafi doa ga na wo.—Mose V, 15:7, 8.\nHekpe ɖe Sea dzi wɔwɔ ŋu la, Yesu na gɔmeɖose si le eŋu me kɔ ɖe edzi wu esime wògblɔ be mele be amesi le kpekpem ɖe nɔvia ŋu 'nakpɔ mɔ na naneke o.' Abe Israel-viwo ene la, Kristotɔwo doa go gakuxiwo ɣeaɖewoɣi alo nɔnɔme bubu aɖewo si nana be wozua ame dahe kolikoliwo. Ne nɔvi Kristotɔ aɖe hiã gakpekpeɖeŋu vevie la, ɖe manye dɔmenyowɔwɔ be míakpe ɖe eŋu oa? Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ vavãtɔ aʋã hati Kristotɔ aɖe be wòakpe ɖe nɔvia si menye eya ŋutɔ ƒe vodadae na wòge ɖe gakuxi sesẽ aɖe me o la ŋu. (Lododowo 3:27) Ate ŋu anɔ bɔbɔe be woakpe ɖe Kristotɔ dahe sia ƒomevi ŋu kple ga nunana aɖe togbɔ be masɔ gbɔ be wòanye gadodo o hã.—Psalmo 37:21.\nLe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, wode dɔ asi na apostolo Paulo kple Barnaba be woatsɔ nudzɔdzɔ siwo woxɔ tso Kristotɔ siwo le Asia Sue gbɔ ayi na nɔvi siwo nɔ Yudea le esi dɔ to le afima ta. (Dɔwɔwɔwo 11:28-30) Nenema ke egbea ne afɔku aɖe dzɔ la, Kristotɔ vavãwo ɖoa nunanawo ɖe wo nɔvi siwo hiã tu la. Wotoa esia wɔwɔ dzi ɖia ɖase nyui aɖe hã na ame bubuwo. (Mateo 5:16) Ke hã ele be míade ŋugble tso amesi le kpekpeɖeŋua dim ƒe nuwɔna kple nɔnɔmewo hã ŋu. Nukatae gaa le ehiãm? Ele be míade ŋugble tso Paulo ƒe nya siawo ŋu be: \"Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.\"—Tesalonikatɔwo II, 3:10.\nNe menye hiãtɔ kolikolie nɔvi si le gadodoa dim nye o, ke boŋ gakpekpeɖeŋu ko dim wòle be yeatsɔ akpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gakuxi gbɔe la, ekema ate ŋu asɔ be womaxɔ deme le esi o. Le nɔnɔme siawo tɔgbe me la, gadodo na ame kple susu be woaxɔ gatia le amesi wodoe na si emegbe manye tsitretsitsi ɖe Yesu ƒe nya siwo dze le Luka 6:35 ŋu o. Ele be woaŋlɔ gadodoa ŋuti nya ɖe agbalẽ me eye amesi wodo ga na la nadze agbagba ɖesiaɖe axe fea pɛpɛpɛ abe alesi wo ame evea lɔ̃ ɖe edzii ene. Le nyateƒe me la, ele be lɔlɔ̃ naʋã amesi wodo ga na la wòaxe fea abe alesi lɔlɔ̃ ʋã amesi do ga la nɛ hã ene.\nAhiã be amesi di be yeado ga na nɔvia hã nabu eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu nyuie gbã. Le kpɔɖeŋu me, ne edo ga na nɔvia la, ɖe ŋutete aganɔ esi be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ abe alesi Ŋɔŋlɔawo bia tso esi ene ne ganya sesẽwo va do mo ɖa kpataa? (Korintotɔwo II, 8:12; Timoteo I, 5:8) Ke hã, Kristotɔwo dia mɔnukpɔkpɔwo be yewoato nuwɔna dzi aɖe lɔlɔ̃ deto afia wo nɔewo le mɔ siwo le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu.—Yakobo 1:27; Yohanes I, 3:18; 4:7-11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041015\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-05T21:37:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100568.68\/warc\/CC-MAIN-20231205204654-20231205234654-00721.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985708594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985708594322205}","num_words":630,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8 Ke Saul da asi ɖe edzi be woawui.+ Gbe ma gbe kee yometiti gã aɖe va hame si le Yerusalem la dzi; wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me, negbe apostoloawo ko.+ 2 Ke ŋutsu mawuvɔ̃la aɖewo kɔ Stefano yi ɖaɖi, eye wofae vevie. 3 Saul ya de asi nugbegblẽ le hame la ŋu me. Egena ɖe aƒewo me ɖekaɖeka, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa doa goe, eye wònana wodea wo gaxɔ me.+ 4 Ke ame siwo woka hlẽ la nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la le afi sia afi si woyi.+ 5 Filipo yi Samaria-dua*+ me, eye wònɔ gbeƒã ɖem Kristo la na wo. 6 Esi amehawo se nya siwo gblɔm Filipo nɔ eye wokpɔ dzesi siwo wɔm wònɔ la, woɖo toe nyuie kple dzi blibo. 7 Elabena gbɔgbɔ makɔmakɔwo le ame geɖe me, eye wodoa ɣli sesĩe hedoa go.+ Eda gbe le ame geɖe siwo nye lãmetututɔwo kple nuwɔametɔwo hã ŋu. 8 Ale dua me tɔwo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. 9 Ke ŋutsu aɖe le dua me, si ŋkɔe nye Simon; enye dzotɔ si wɔa nukunuwo tsã wòwɔa nuku na amewo le Samaria dua me, eye wògblɔna be ŋusẽtɔ gã aɖee yenye. 10 Eye wo katã, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, léa to ɖe eŋu hegblɔna be: \"Ame siae nye Mawu ƒe Ŋusẽ, si woyɔna be Ŋusẽ Triakɔ.\" 11 Ale woléa to ɖe eŋu, elabena tso ɣeaɖeɣi ke la, dzesi siwo wòwɔna nana amewo ƒe nu kuna. 12 Ke esi Filipo nɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe+ la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nya nyuia la, amewo xɔ Filipo dzi se, eye wonyrɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖe tsi me.+ 13 Simon ŋutɔ hã va zu xɔsetɔ, eye esi wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli;+ eye esi wòkpɔ dzesiwo kple ŋusẽdɔ gã siwo wɔm wòle la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. 14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be Samaria xɔ Mawu ƒe nyaa+ la, wodɔ Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ; 15 eye ame siawo yi ɖado gbe ɖa ɖe wo ta be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe.+ 16 Togbɔ be wonyrɔ wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me hã la, womexɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la haɖe o.+ 17 Eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi,+ eye woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. 18 Ke esi Simon kpɔ be, ne apostoloawo da asi ɖe amewo dzi la, woxɔa gbɔgbɔa la, etsɔ ga vɛ na wo 19 gblɔ be: \"Mina ŋusẽ sia nye hã, ale be ame sia ame si dzi mada nye asiwo ɖo la naxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea.\" 20 Ke Petro gblɔ nɛ be: \"Wò kple wò klosalo la siaa miatsrɔ̃, elabena èbu xaa be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana faa la kple ga.+ 21 Wɔƒe alo gome aɖeke meli na wò le nya sia me o, elabena wò dzi mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o. 22 Eya ta trɔ dzi me tso tame vɔ̃ sia si nèɖo la me nàƒo koko na Yehowa,* ɖewohĩ atsɔ tame vɔ̃ si nèɖo le dzi me la ake wò; 23 elabena mekpɔe be aɖi veve kple nu madzɔmadzɔ ƒe kluvie nènye.\" 24 Simon ɖo eŋu na wo be: \"Miawo ŋutɔwo miɖe kuku na Yehowa* ɖe tanye, ne nu siwo miegblɔ la ƒe ɖeke nagadzɔ ɖe dzinye o.\" 25 Eya ta esi woɖi ɖase tsitotsito hegblɔ Yehowa* ƒe nya la na wo vɔ la, wogatrɔ ɖo ta Yerusalem, eye wogblɔ nya nyui la le Samaria kɔƒe geɖe me le mɔa dzi.+ 26 Ke Yehowa* ƒe dɔla+ ƒo nu kple Filipo be: \"Tso nàyi anyiehe gome le mɔ si tso Yerusalem yi Gaza la dzi.\" (Mɔ sia nye gbedzimɔ.) 27 Ale wòtso heyi, eye kpɔ ɖa, Etiopiatɔwo ƒe amegã* aɖe, si nye ŋusẽtɔ le Etiopia-fianyɔnu Kandake te, eye wònye eƒe kesinɔnuwo katã dzi kpɔla, lae nye esi. Eyi Yerusalem va de ta agu,+ 28 eye wòtrɔ gbɔna hebɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe. 29 Eya ta gbɔgbɔ la gblɔ na Filipo be: \"Te ɖe tasiaɖam sia ŋu.\" 30 Filipo ƒu du yi egbɔ, eye wòsee ŋutsua nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm sesĩe, eye wòbiae be: \"Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?\" 31 Egblɔ be: \"Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?\" Eya ta ebia tso Filipo si be wòaɖo tasiaɖam la anɔ anyi ɖe ye gbɔ. 32 Ke Ŋɔŋlɔa ƒe akpa si xlẽm wònɔ lae nye esi: \"Wokplɔe abe alẽ ene yi wuwuƒe, eye meke nu o, abe ale si alẽvi zia ɖoɖoe le eƒe fukola ŋkume ene.+ 33 Esi wobɔbɔe ɖe anyi la, womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o.+ Ame kae agblɔ eƒe dzidzimeŋunya? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.\"+ 34 Amegã la bia Filipo be: \"Meɖe kuku, ame ka ƒe nya gblɔmee nyagblɔɖila la le? Eya ŋutɔ ŋu nyae loo alo ame bubu aɖea?\" 35 Ale Filipo ƒo nu, eye wòdze egɔme tso ŋɔŋlɔ sia dzi gblɔ Yesu ŋu nya nyui la nɛ. 36 Ke esi wole mɔa dzi yina la, wova ɖo tsi aɖe gbɔ, eye amegã la gblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?\" 37 * —— 38 Ale wòna wotɔ tasiaɖam la, eye Filipo kple amegã la woɖi yi tsi la me, eye wònyrɔe. 39 Esi wodo le tsia me la, Yehowa* ƒe gbɔgbɔ kplɔ Filipo dzoe enumake, eye amegã la megakpɔe o, ke eyi eƒe mɔzɔzɔa dzi kple dzidzɔ. 40 Filipo va do ɖe Asdod, eye wòle tsatsam le nutoa me godoo le nya nyui la gblɔm le duawo katã me va se ɖe esime wòɖo Kaisarea.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"Samaria-du aɖe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ame tata.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/8\/","date":"2023-12-07T12:59:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100674.56\/warc\/CC-MAIN-20231207121942-20231207151942-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989991784,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989991784095764}","num_words":894,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nufiafia Vavãtɔwo Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Wo Le?\nŊUTSU aɖe si le Tibet le nugoe aɖe si wotɔ ɖe ati ŋu, si me woŋlɔ gbedodoɖawo ɖo la trom. Exɔe se be ɣesiaɣi si yeatroe la, egbugbɔa nya siwo yegblɔ le gbedodoɖa me la gblɔna ake. Le aƒe gã aɖe me le India la, wogblẽ xɔ vi aɖe da ɖi si me wowɔa puja le—enye subɔsubɔ aɖe si me wote ŋu tsɔa nanewo abe lifi, seƒoƒo, kple nu bubuwo saa vɔe na mawuwo kple mawunɔwo ƒe nɔnɔmewɔwɔe vovovowo. Le teƒe aɖe le Italy si didi kilometa geɖe la, nyɔnu aɖe dze klo le sɔlemexɔ gã aɖe me ɖe Maria si nye Yesu dada ƒe nɔnɔmewɔwɔ ŋkume le gbe dom ɖa eye wòlé dzonu si nye rosario ɖe asi.\nÐewohĩ wò ŋutɔ èkpɔ alesi mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzii. Agbalẽ si nye The World's Religions—Understanding the Living Faiths (Subɔsubɔha Siwo Le Xexeame—Woƒe Dzixɔsewo Me Ðeɖe) gblɔ be: \"Mawusubɔsubɔ . . . nye amegbetɔ ƒomea ƒe akpa vevi aɖe eye wòkpɔtɔ le nenema le xexeame katã.\" John Bowker gblɔ le eƒe agbalẽ si nye God—A Brief History me be: \"Amegbetɔƒome aɖeke menɔ anyi kpɔ si kadodo menɔ woa kple Mawu dome kpɔ o, zi geɖe la Mawu nyea mɔfiala kple ŋusẽdoamela na wo. Alea ke wòle le amesiwo bua wo ɖokui mawumanɔsitɔwoe gɔ̃ hã dome.\"\nLe nyateƒe me la, mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi. Ðe esia mefia be gbɔgbɔmenuhiahiãwo nɔa amegbetɔwo ŋu eye wodinɛ vevie oa? Susuŋutinunyala xɔŋkɔ Ðk. Carl G. Jung gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Undiscovered Self me ku ɖe didi si le ame me be woasubɔ amesi si ŋusẽ le wu ŋu be, \"woate ŋuakpɔ esia ƒe dzesiwo le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me.\"\nKe hã ame geɖewo li siwo meɖenɛ fiana be yewoxɔ Mawu dzi se loo alo be yewotsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me o. Susu vevitɔ si ta ame aɖewo siwo kea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ alo gblɔna be meli o wɔa nu nenema lae nye be susubɔsubɔha si me wonɔ la mete ŋu kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ na wo o. Woɖe mawusubɔsubɔ gɔme be enye \"dzixɔse aɖe me léle ɖe asi; nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi sesĩe; fɔléle ɖe nu ŋu; kuku ɖe mawuvɔvɔ̃ ŋu.\" Numeɖeɖe sia fia be amesiame kloe léa mawusubɔsubɔ aɖe me ɖe asi le agbe me. Esia lɔ mawudzimaxɔselawo gɔ̃ hã ɖe eme.\nAmegbetɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoakpɔ yewoƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ le ƒe akpe geɖeawo ƒe ŋutinya me la kplɔ wo to mɔ geɖewo dzi. Nusi do tso emee nye mawusubɔsubɔ dzixɔse vovovo siwo le xexeame godoo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be subɔsubɔhawo katã kloe ɖea ŋusẽ aɖe si kɔkɔ wu dzi xɔse fiana hã la, woƒe dzixɔsewo ku ɖe amesi wònye alo nusi wònye ŋu la to vovo. Subɔsubɔha geɖewo hã hea susu yi xɔxɔ alo ɖeɖe ƒe vevienyenye dzi. Gake woƒe nufiafia ku ɖe nusi xɔxɔ nye kple alesi woawɔ akpɔe la ŋu to vovo. Esi wònye dzixɔse vovovowoe li la, aleke míawɔ anya nufiafia vavãtɔ si dzea Mawu ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050715\/Nufiafia-Vav%C3%A3t%C9%94wo-Afikae-N%C3%A0te-%C5%8Au-Akp%C9%94-Wo-Le\/","date":"2023-12-11T20:05:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679516047.98\/warc\/CC-MAIN-20231211174901-20231211204901-00219.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979916811,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997991681098938}","num_words":506,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuteɖeamedzi Ðeɖeɖa Le Sukuviwo Dzi\nƑE WUIADRE vi Jennifer nɔa eƒe sukuxɔmevi siwo xɔa nɔƒe gbãtɔ la dome ɣesiaɣi. Ekpɔa gome le nusɔsrɔ̃ siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiaɖoɖoa ŋu la dometɔ geɖe me eye eƒe nufialawo kple sukuɖaŋuɖolawo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Gake le ƒe si do ŋgɔ na eƒe sukunuwuwu me la, ta va te eɖuɖu vevie eye dzigbɔtɔame hã ɖea fu nɛ. Ese le eɖokui me be ɣeyiɣi gbogbo siwo yezã zãdomadɔlɔ̃e kutrikukutɔe ɖe sukudɔdeasiwo ŋu ye wɔe be nu te ye ŋu.\nMenye Jennifer ɖeka dzi koe nu sia dzɔ ɖo o. Wode dzesii be sukuvi siwo nuteɖeamedzi sesẽ ɖea fu na le woƒe sukudeɣi la le dzidzim ɖe edzi eye wòhiãna be wo dometɔ aɖewo nadi kpekpeɖeŋu tso tagbɔdɔdalawo gbɔ. Esia wɔe be Amerika sukunufialawo wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe be yewoatsɔ aɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ le sukuviwo dzi. Wona ŋkɔ ɖoɖoa be SOS, alo \"Stressed-Out Students,\" si gɔmee nye nuteɖeamedzi ɖeɖeɖa le sukuviwo dzi.\nNe sukuvie nènye la, ɖewohĩ nuteɖeamedzi si ɖe fu na Jennifer la tɔgbi le fu ɖem na wò hã. Alo ne dzilae nènye la, ànya de dzesi nu siwo gbegbe wòle be viwòa nakpe akɔ kpli be wòate ŋu akpɔ dzidzedze le suku. Ðe mɔfiametsoƒe si ŋu kakaɖedzi le la li, si ŋu sukuviwo kple wo dzilawo ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋua?—g09 04-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200904\/Nute%C9%96eamedzi-%C3%90e%C9%96e%C9%96a-Le-Sukuviwo-Dzi\/","date":"2023-12-07T19:58:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100686.78\/warc\/CC-MAIN-20231207185656-20231207215656-00794.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989007115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989007115364075}","num_words":222,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Ke le ɣeyiɣiwo kple azãgbewo ŋu la, nɔviwo, mehiã be míaŋlɔ naneke na mi tso wo ŋu o. 2 Elabena miawo ŋutɔwo mienyae nyuie be, Yehowa* ƒe ŋkeke la+ gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.+ 3 Ne wole gbɔgblɔm be, \"Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!\" la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi,+ abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu le mɔ aɖeke nu o. 4 Ke miawo la, nɔviwo, miele viviti me o, ale be ŋkeke la nagaɖi ɖe mi abe ale si ŋkeke ɖina ɖe fiafitɔwo ene o, 5 elabena mi katã mienye kekeli viwo kple ŋkeke viwo.+ Míenye zã alo viviti tɔ o.+ 6 Eya ta migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame susɔeawo ke ene o,+ ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ,+ eye míanɔ mo xexi.+ 7 Elabena ame siwo dɔa alɔ̃ la, zã me koŋ ye wodɔa alɔ̃, eye ame siwo mua aha la, zã mee womua aha.+ 8 Ke mí ame siwo nye ŋkeke viwo la, mina míanɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu la, eye míaɖɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la abe gakuku ene;+ 9 elabena Mawu metia mí na dziku o, ke na ɖeɖekpɔkpɔ boŋ+ to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 10 Eku ɖe mía ta,+ ale be míeɖale ŋu loo alo le alɔ̃ dɔm o,* míanɔ agbe kpakplii.+ 11 Eya ta miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo* na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo,+ abe ale si ko miele ewɔm vavã hã ene. 12 Nɔviwo, míele kuku ɖem na mi be miade bubu ame siwo le dɔ wɔm vevie le mia dome, eye wole mia dzi kpɔm le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu; 13 eye be miade bubu geɖe ŋutɔ wo ŋu le lɔlɔ̃ me, le woƒe dɔwɔwɔ ta.+ Minɔ anyi kple mia nɔewo le ŋutifafa me.+ 14 Gawu la, nɔviwo, míele nu xlɔ̃m mi be, migbe nya na ame siwo le zɔzɔm sakasaka+ la vevie, mifa akɔ na ame siwo lé blanui,* mikpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.+ 15 Midze agbagba be miagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o,+ ke boŋ midi nyui na mia nɔewo kple amewo katã ɣesiaɣi.+ 16 Dzi nadzɔ mi ɖaa.+ 17 Minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.+ 18 Mida akpe ɖe nu sia nu ta.+ Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. 19 Migatsi gbɔgbɔ la ƒe dzo la o.+ 20 Migado vlo nyagblɔɖiwo o.+ 21 Mido nuwo katã kpɔ;+ milé ɖe nu si nyo la ŋu. 22 Mitsri nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi.+ 23 Ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋu keŋkeŋ. Eye nɔviwo, neva eme be woakpɔ miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ* kpakple ŋutilã, si le blibo le go sia go me la ta dedie mokaka manɔŋui le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi la.+ 24 Nuteƒewɔlae ame si le mia yɔm la nye, eye awɔe hã. 25 Nɔviwo, miyi edzi mianɔ gbe dom ɖa ɖe mía ta.+ 26 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na nɔviawo katã. 27 Mele nu xlɔ̃m mi vevie le Aƒetɔ la me be, miaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.+ 28 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ kpli mi.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"dɔ alɔ̃ le ku me o.\"\n^ Alo, \"mianɔ akɔ fam.\"\n^ Alo, \"ame siwo ƒo dzi ɖe le.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"luʋɔ ʋɛtɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-Tesalonikat%C9%94wo\/5\/","date":"2023-12-05T12:55:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100551.17\/warc\/CC-MAIN-20231205105136-20231205135136-00835.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990512729,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990512728691101}","num_words":530,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ le anyigba blibo la dzi.\"\n\"Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye.\"\n\"Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee; nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe ana ame bubu aɖeke o, alo atsɔ nye kafukafu ana legbawo o.\"\n\"Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.\"\n\"Nyate��ee, aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.\"\n\"Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame kae wɔ nu siawo? Eyae nye ame si kplɔa woƒe aʋakɔ la doa goe le woƒe xexlẽme nu; eyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ. Wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple eƒe alɔkame sesẽ la ta.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/ame-kae-nye-mawu\/","date":"2023-12-07T21:44:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100686.78\/warc\/CC-MAIN-20231207185656-20231207215656-00420.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982376695,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998237669467926}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Miawoe zɔ loo, kpekpe sia valawo!\nMa'u ƒe Nya mieva be yewoasrɔ̃.\nEfiaa nyateƒe si naa agbe mí.\nMíetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe eƒ'ameyɔyɔa dzi.\n2. Akpe na Ma'u ɖe mía nɔviwo ta,\nAme siwo tsɔa dzidzɔ xɔa mí.\nMíade bubu nɔvi siawo ŋu ɖaa.\nMíado dzaa na 'me si'o katã ƒoa ƒu kpli mí.\n3. Mawu le dzinyuitɔwo katã kpem\nBe woava dze si nyateƒe la.\nMawu to Via dzi kplɔ mí va egbɔ.\n'Ya ta míatsɔ dzi blibo axɔ mía nɔewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/d\/r114\/lp-ew\/1102009187","date":"2023-12-02T11:44:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100399.81\/warc\/CC-MAIN-20231202105028-20231202135028-00743.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979171753,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979171752929688}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzudzɔ Ʋeʋẽe Dodo—Ðe Wòwɔa Akpa aɖe le Tadedeagu Vavãtɔ Mea?\n\"MAWUAWO lɔ̃a dzudzɔ ʋeʋẽe.\" Esiae nye nya si wogblɔna zi geɖe le blema Egipte. Le woawo gome la, dzudzɔ ʋeʋẽe dodo nye woƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Esi Egiptetɔwo xɔe se be mawuawo tsɔ ɖe yewo gbɔ ta la, wodoa dzudzɔ le woƒe gbedoxɔwo me kple le woƒe aƒeme vɔsamlekpuiwo dzi, kpakple le ɣeyiɣi si me wole dɔ aɖe wɔm gɔ̃ hã. Kɔnu siawo tɔgbe le dukɔ bubuwo hã me.\nNukae nye lifi? Woate ŋu azã nya la na dzudzɔa loo alo na atike si wole dzo tɔmee. Atimitsi alo aŋe ʋeʋẽe, abe kotoklobo kple ami ʋeʋẽe ene, ye wotsɔ wɔnɛ. Wotoa nusiawo memie eye zi geɖe la, wotsɔa nusiwo nye nu ʋeʋẽewo, ati kɔgo, kple seƒoƒowo tsakanɛ be ʋeʋẽ lilili aɖe nanɔ esi hena dɔ tɔxɛ aɖewo wɔwɔ.\nLifi nye nusi amewo lɔ̃na vevie eye esia na wòva zu nu xɔasi aɖe le blemaɣeyiɣiwo me ale gbegbe be nusiwo wotsɔ wɔnɛ la va zu nu vevi siwo ƒe asi wotsana. Asitsaha siwo toa asitsamɔ siawo dzi tsɔa nusiawo tsoa didiƒewo. Àɖo ŋku edzi be wodzra Yakob viŋutsuvi Yosef na Ismael-siha siwo \"tso Gilead gbɔna heyina ɖe Egipte, eye woƒe kposɔwo tsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo.\" (Mose I, 37:25) Atike ʋeʋẽe ƒeƒle va dzi ɖe edzi ale gbegbe be kotoklobo ƒe asitsamɔ va trɔ zu Asia kple Europa dome mɔ si dzi amewo tona ŋutɔ, eye ɖikeke mele eme o be lifisitsalawoe ʋu ŋku ɖe mɔa ŋu gbã.\nWogadoa dzudzɔ ʋeʋẽe egbea le subɔsubɔha geɖewo me le subɔsubɔnuwɔnawo me kple le kɔnuwɔwɔwo me. Gakpe ɖe eŋu la, ame geɖe wu lɔ̃na be yewoado dzudzɔ ʋeʋẽe le yewoƒe aƒewo me ɖe eƒe ʋeʋẽ nyuia ta ko. Aleke wòle be Kristotɔwo nabu dzudzɔ ʋeʋẽe dodoe? Ðe wòdzea Mawu ŋu be woazãe le eƒe tadedeagu mea? Mina míadzro nusi Biblia gblɔ le nyaa ŋu me.\n'Nu Kɔkɔe aɖe na Yehowa'\nLe blema Israel-viwo dome la, dzudzɔ ʋeʋẽe dodo nye dɔ vevi aɖe si nunɔlawo wɔna le avɔgbadɔa me. McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be: \"Le nyateƒe me la, edze abe wobua dzudzɔ ʋeʋẽe dodo le Hebritɔwo dome be enye tadedeagu alo vɔsa kɔkɔe ƒe nuwɔna ale gbegbe be míegaxlẽ nu bubu aɖeke ku ɖe eŋudɔwɔwɔ ŋu tsɔ wu esia o.\"\nYehowa Mawu yɔ nu ene siwo woatsaka atɔ dzoe le avɔgbadɔa me be: \"Tsɔ atike siwo ʋẽna lilili, siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo; woada wo katã sɔsɔe. Eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔ ʋeʋẽe donui; nàtɔtɔ wo abe alesi atike ʋeʋẽe wɔlawo wɔnɛ ene; nàde dze eme, eme nadza, eye woabui kɔkɔe. Eye nàtu eƒe ɖe memee ada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me.\" (Mose II, 30:34-36) Agbalẽnyalawo gblɔ be Yuda rabiwo tsɔ nu bubuwo kpee emegbe hena zazã le gbedoxɔa me.\nMose II, 30:37, 38) Nunɔlawo doa dzudzɔ ʋeʋẽe zi eve gbeɖeka le vɔsamlekpui aɖe si wotia dzi. (Kronika II, 13:11) Eye ne eɖo Avuléŋkeke dzi la, nunɔlagã la doa dzudzɔ ʋeʋẽe le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea.—Mose III, 16:12, 13.Atike ʋeʋẽe si wotɔa dzoe le avɔgbadɔa me la nye nu kɔkɔe, eye Mawu subɔsubɔ me ɖeɖekoe wozãnɛ le. Yehowa de se be: \"Migawɔ dzudzɔdonu, si nàwɔ la, tɔgbe aɖeke o, ke boŋ miabui kɔkɔe na Yehowa. Ne ame aɖe wɔ etɔgbe, be yeaʋẽ ase la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.\" (\nMenye dzudzɔdodo ɖesiaɖee dzea Mawu ŋu o. Ehe to na amesiwo menye nunɔlawo o gake wotsɔ dada do dzudzɔe abe nunɔlawoe wonye ene la. (Mose IV, 16:16-18, 35-40; Kronika II, 26:16-20) Dzudzɔ ʋeʋẽe si Yudatɔwo dona na Yehowa esime wogakpɔtɔ lé alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo kple ʋukɔkɔɖi me ɖe asi la nyɔa ŋu nɛ. Woƒe alakpanuwɔwɔ na Yehowa gblɔ be: \"Dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam.\" (Yesaya 1:13, 15) Israel-viwo megava tsɔ ɖeke kura le tadedeagu mɔnu si Yehowa fia me o ale gbegbe be wodo gbedoxɔa ƒe ʋɔtruwo heyi va do dzudzɔ ʋeʋẽe le vɔsamlekpui bubuwo dzi. (Kronika II, 28:24, 25) Ƒe aɖewo megbe la, wova nɔ atike ʋeʋẽe kɔkɔe la ŋudɔ wɔm le alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖigbɔwo me. Nuwɔna mawo nye ŋunyɔ na Yehowa.—Xezekiel 16:2, 17, 18.\nDzudzɔ Ʋeʋẽe Kple Kristotɔ Gbãtɔwo\nWoɖe Se ƒe nubabla, si me sedede si bia be nunɔlawo nado dzudzɔ ʋeʋẽe kɔkɔe la hã le, la ɖa esi Kristo ɖo nubabla yeyea anyi le ƒe 33 M.Ŋ. (Kolosetɔwo 2:14) Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Kristotɔ gbãtɔwo do dzudzɔ ʋeʋẽe le woƒe subɔsubɔ me o. McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ ku ɖe esia ŋu be: \"Kakaɖedzi le eŋu be [Kristotɔ gbãtɔwo] mezã atike ʋeʋẽewo o. Le nyateƒe me la, ezazã fia trɔ̃subɔsubɔnuwɔna . . . Atike ʋeʋẽe ʋɛ si trɔ̃subɔla wu ɖe vɔsamlekpui dzi fia subɔsubɔnuwɔna.\"\nKristotɔ gbãtɔwo gbe hã be yewomatɔ dzo lifi atsɔ aɖee fia be yewolɔ̃ ɖe Roma fiagã ƒe \"mawunyenye\" dzi o, togbɔ be ne womewɔe o la, ate ŋu ana woawu wo gɔ̃ hã. (Luka 4:8; Korintotɔwo I, 10:14, 20) Le esi wozãa dzudzɔ ʋeʋẽe le trɔ̃subɔsubɔ me ta la, mewɔ nuku o be Kristotɔ gbãtɔwo meƒoa wo ɖokui ɖe lifisitsatsa me gɔ̃ hã o.\nDzudzɔ Ʋeʋẽe Dodo Egbea\nAleke wozãa dzudzɔ ʋeʋẽe egbeae? Le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha geɖewo me la, wodoa dzudzɔ ʋeʋẽe le woƒe subɔsubɔnuwɔnawo me kple le kplɔ̃ŋudede wɔnawo me. Le ƒome geɖe me le Asiatɔwo dome la, wodoa dzudzɔ ʋeʋẽe le gbedoxɔ me alo le vɔsamlekpui siwo le woƒe aƒeme dzi be woatsɔ ade bubu woƒe mawuwo ŋu alo be woatsɔ akpɔ woƒe ame kukuwo ta. Le subɔsubɔkɔnuwo me la, wozãa lifiwo le mɔ vovovowo nu tsɔ doa dzudzɔ ɖe xɔme, tsɔ yɔa dɔe, tsɔ kɔa nu ŋui, eye wotsɔ kpɔa nu ta hã.\nDzudzɔ ʋeʋẽe dodo gafɔ ɖe te nyitsɔ laa eye amesiwo gblɔ be yewomele subɔsubɔha aɖekeme o gɔ̃ hã donɛ. Wo dometɔ aɖewo doa dzudzɔ ʋeʋẽe ne wole ŋugble dem. Mɔfiagbalẽ aɖe gblɔ be woate ŋu atɔ dzo lifi be wòakplɔ ame ayi \"gbɔgbɔ me ɖoƒe manyamanya vovovowo\" eye be wòana \"ŋusẽ\" si wu dzɔdzɔmetɔ la wo. Le agbemekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe nya me la, agbalẽa kafui hã be woate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋẽe be woado ka kple \"gbɔgbɔmemewo.\" Ðe nuwɔna siawo dze na Kristotɔa?\nYehowa bua fɔ amesiwo tenɛ kpɔ be yewoatsaka alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo kple tadedeagu vavãtɔ la vevie. Apostolo Paulo yɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖi me nyawo tsɔ xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woate wo ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ ƒe makɔmakɔnyenye gbɔ. Eŋlɔ be: \"Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.\" (Korintotɔwo II, 6:17; Yesaya 52:11) Kristotɔ vavãwo kpɔa egbɔ be yewoƒo asa na nusianu si do ka kple alakpasubɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ.—Yohanes 4:24.\nÐe nyateƒe si wònye be wodoa dzudzɔ ʋeʋẽe le subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo me kpakple le gbɔgbɔyɔyɔ me la fia be dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖesiaɖe nye nu gbegblẽa? Mefia nenema kokoko o. Ðewohĩ ame aɖe adi be yeado dzudzɔ ʋeʋẽe le aƒeme kple susu be eƒe ʋeʋẽ lililia naxɔ teƒea ko. (Lododowo 27:9) Ne alea wòle gɔ̃ hã la, ele be Kristotɔ nabu nanewo ŋu ne edi be yeatɔ dzo lifi. Ðe amesiwo le nuto si me nèle la abu dzudzɔdodo be enye alakpasubɔsubɔ nuwɔna? Ðe wobua dzudzɔ ʋeʋẽe dodo be enye gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖea? Alo ɖe wozãnɛ na nusiwo melɔ subɔsubɔnuwɔnawo ɖe eme o zi geɖea?\nNe ame aɖe di be yeatɔ dzo lifi la, ele be wòaɖo to eƒe dzitsinya ahabu alesi ame bubuwo asusu le eƒe nyametsotso si wòawɔ la ŋu. (Korintotɔwo I, 10:29) Apostolo Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Romatɔwo sɔ le afisia. Eŋlɔ be: \"Minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome. Mègagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me. Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo màwɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.\"—Romatɔwo 14:19-21.\nGbedodoɖa Siwo Le abe \"Dzidzɔ Ʋeʋẽewo Ene\"\nDzudzɔ ʋeʋẽe dodo si nɔ anyi le Israel-viwo dome la tsi tre ɖi na gbedodoɖa siwo Mawu sena ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Eyata hakpala Dawid dzi ha na Yehowa be: \"Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene.\"—Psalmo 141:2.\nIsrael-vi wɔnuteƒewo mebu dzudzɔ ʋeʋẽe dodo be enye kɔnu dzro aɖe ko o. Wokpɔa egbɔ nyuie be yewotrɔ asi le atike ʋeʋẽea ŋu hetɔ dzoe le mɔ si Yehowa fia la nu pɛpɛpɛ. Le esi Kristotɔ siwo li egbea nado dzudzɔ ʋeʋẽe teƒe la, wodoa gbe ɖa boŋ eye woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu deto fiaa wo Fofo si le dziƒo. Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be, \"Nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu\" abe dzudzɔ si ʋẽna lilili ene.—Lododowo 15:8.\n[Nɔnɔmetata si le axa 29]\nNu kɔkɔe ye atike ʋeʋẽe siwo wotɔa dzoe le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me la nye\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\nÐe wòdze be Kristotɔwo nado dzudzɔ ʋeʋẽe esime wole ŋugble dema?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030601\/Dzudz%C9%94-%C6%B2e%CA%8B%E1%BA%BDe-Dodo-%C3%90e-W%C3%B2w%C9%94a-Akpa-a%C9%96e-le-Tadedeagu-Vav%C3%A3t%C9%94-Mea\/","date":"2023-11-29T09:42:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100057.69\/warc\/CC-MAIN-20231129073519-20231129103519-00461.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970746636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970746636390686}","num_words":1445,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAleke da si nɔ Eden-bɔa me wɔ ƒo nu kple Xawa be wòada le Mawu ƒe se si ku ɖe sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ŋu dzi?\nMose I, 3:1 gblɔ be: \"Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?\" Wodo susu vovovowo ɖa ku ɖe alesi daa anya wɔ ƒo nu kple Xawa ŋu. Susu ɖekae nye be ewɔ esia to nuwɔna alo ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, England-sɔfo Joseph Benson gblɔ be: \"Anya nɔ eme kokoko be dzesi aɖe ƒomevie wòzã. Le nyateƒe me, ame aɖewo bui be nuŋububu kple nuƒoƒo nye dawo ƒe nɔnɔme ɣemaɣi, . . . gake kpeɖodzi aɖeke mele esia ŋu o.\"\nGake aleke da la ate ŋu azã ŋutinuwo atsɔ gblɔ na Xawa be ne eɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la, ava nɔ abe Mawu ene, ate ŋu ade vovo nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ dome? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Xawa kpɔ gome le dzeɖoɖoa me eye wòɖo nyabiabia si da la fɔ ɖe te la ŋu. (Mose I, 3:2-5) Nukpɔsusu si nye be da la ƒo nu to dzesiwo dzi alo eɖokuiʋaʋã me ana woaƒo nya ta be Xawa ɖo eŋu to ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ me, gake Biblia ya gblɔ be eƒo nu.\nEsi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ sia ŋu la, exlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: \"Mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo.\" Afɔku si ƒe nya Paulo gblɔ la tso \"aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame,\" la gbɔ. Ŋɔdzi si \"apostolo, siwo kɔ akpa\" mawo nye la menye le nuwɔnawo kple ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ ɖeɖeko me o. Elɔ woƒe nuƒo—woƒe ameblenya, siwo wotsɔ kplɔa amewo tranae—ɖe eme.—Korintotɔwo II, 11:3-5, 13.\nTogbɔ be nuƒoe wotsɔ kplɔ Xawa trae le Eden-bɔa me hã la, naneke meli si fia be vemegbeɖiɖika nɔ daa si ŋutɔŋutɔ o. Mehiãe ŋutɔŋutɔ o. Esi Mawu ƒe dɔla ƒo nu na Bileam to tedzinɔ dzi la, mehiã na gbeɖiɖigoe si wɔ nuku abe amegbetɔwo tɔ ene o. (Mose IV, 22:26-31) Eme kɔ ƒã be, esi 'dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nui' la, gbɔgbɔmenutomee nuwɔna ma ƒe ŋusẽa tso.—Petro II, 2:16.\nWoyɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ si nɔ megbe na da si ƒo nu na Xawa le Biblia me be \"da xoxo, si woyɔna be: Abosam kple Satana.\" (Nyaɖeɖefia 12:9) Nya siwo ɖi Xawa se hewɔ nu ɖe enu la tso Satana, amesi \"trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla,\" la gbɔ.—Korintotɔwo II, 11:14.\n[Nɔnɔmetata si le axa 27]\n\"Mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011115\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-05T17:55:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100555.27\/warc\/CC-MAIN-20231205172745-20231205202745-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996473968,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964739680290222}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Vovovo Siwo Tsia Aʋa\nWOGBLƆ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Radio (UN Radio) dzi wɔna si nye \"Perspective\" me be \"aʋa siwo wowɔna egbea to vovo na esiwo wowɔ va yi . . . Dukɔmevi dzrowo, meganye asrafowo o\" ye tsia eme. Le kpɔɖeŋu me le xexemeʋa I me la, amesiwo katã wowu dometɔ 5 le alafa me koe nye dumevi dzrowo. Gake le xexemeʋa II lia me la, dumevi dzro siwo wowu ƒe xexlẽme yi dzi va ɖo alafa memama 48. UN Radio gblɔ be egbea la, \"amesiwo wowuna le aʋawɔwɔwo me katã kloe nyea dumeviwo—alafa memama 90—eye wo dometɔ akpa gãtɔ nyea nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo.\"\nOlara Otunnu si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe Teƒenɔla Tɔxɛ Hena Ðeviwo Kple Aʋawɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ gblɔ be, \"wowu ɖevi siwo ade miliɔn eve le aʋawɔwɔwo me tso ƒe 1987 me.\" Efia be wowua ɖevi siwo wu 450 le mama dedie nu le aʋawɔwɔ me gbesiagbe le ƒe 12 siwo va yi me! Gakpe ɖe eŋu la, le ɣeyiɣi ma ke me, wode abi ɖevi siwo wu miliɔn ade ŋu vevie alo wozu wɔametɔwo tegbee.\nAƒetɔ Otunnu ɖo aɖaŋu be mɔ ɖeka si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ate ŋu ato atsi ɖeviwo wuwu le aʋawɔwɔ me nu enye be woaɖo teƒe aɖewo be wonye ŋutifafa teƒewo. \"Ele be woabu teƒe siwo ɖeviwo sɔ gbɔ le, abe sukuwo, kɔdziwo, kple modzakaɖeƒewo be wonye teƒe siwo womawɔ aʋa ayii o.\" Gake UN Radio gblɔ kpee be \"mɔxexe ɖe aʋawɔwɔ nu koŋ\" enye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ato akpɔ egbɔ be woagawu dukɔmevi dzrowo le aʋawɔwɔ me o. Le nyateƒe me la, ehiã be woaɖe aʋawɔwɔ ŋutɔ ɖa bene amewuwu le aʋawɔwɔ me natɔ te. Ðe ema ava eme gbaɖegbea?\nLe esi aʋawɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi yɔ amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me ta la, esɔ be ame akpa gãtɔ susuna be amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi o. Gake Mawu ƒe Nya, Biblia, do ŋugbe be Yehowa Mawu awɔe: \"Etsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke!\" (Psalmo 46:10) Ɣekaɣie nusia adzɔ? Eye nukatae nàte ŋu aka ɖe edzi be ŋugbe si Mawu do be yeahe ŋutifafa ava anyigba katã dzi la ava eme? Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, ke taflatse zã adrɛs siwo le axa 5 lia dometɔ si te ɖe ŋuwò wu nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo, alo nàyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me. Womabia be nàwɔ naneke alo axe fe aɖeke o—woana wò ŋuɖoɖo siwo le tẽ ko.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]\nUN PHOTO 156450\/J. Isaac","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000208\/Ame-Vovovo-Siwo-Tsia-A%CA%8Ba\/","date":"2023-11-29T21:59:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100146.5\/warc\/CC-MAIN-20231129204528-20231129234528-00897.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985785484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985785484313965}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO September 8, 2003 Nudodo Siwo Vaa Tsia Dzi Ƒomevi Vovovowo Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Me Tsonu Gbegblẽwo Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Anyrawɔwɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie Anyrawɔwɔ—Nusita Wowɔnɛ Kple Emetsonu Aɖewo Alesi Woawɔ Adzudzɔ Anyrawɔwɔ Tiatia Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi Ati si Naa Aɖu Ŋu Kɔna Eƒe Nyatakaka Wɔ Dɔ Ðe Wo Dzi Ale Gbegbe St. Petersburg—\"Mɔ Si Woɖe Ðe Europa Ŋu\" Na Russia Ðe Mawu Tsɔa Kesinɔnuwo Yraa Mía? Aleke Mawɔ Adzudzɔ Blibodede Didi tso Ðokuinye Si?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030908\/","date":"2023-12-07T06:53:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100650.21\/warc\/CC-MAIN-20231207054219-20231207084219-00297.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975121617,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99751216173172}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.097,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.174,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ate Ŋu Ana Wò Srɔ̃ɖeɖe me Nanyo\nSRƆ̃ÐEÐE—nya sia sese naa ame aɖewo ƒe susu yia nu dodzidzɔnamewo dzi. Gake dzivee wònyena na ame bubuwo ya. Srɔ̃nyɔnu aɖe fa konyi be: \"Ðeko wòwɔna nam abe ɖe míegbe mia nɔewo le dzi me ene. Ewɔna nam be srɔ̃nye metsɔ ɖeke le eme nam o eye be metsi akogo ɣeawokatãɣi.\"\nNukae naa ame eve siwo ka atam va yi be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahade asixɔxɔ yewo nɔewo ŋu ƒe nya va tia wo nɔewo alea gbegbe? Nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye nusiwo srɔ̃ɖeɖe bia la manyamanya. Atikewɔwɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ be: \"Ðeko míeƒoa ta ɖe eme naneke kura manyamanya tso eŋui.\"\nNumekuku aɖe si Rutgers Yunivɛsiti si le New Jersey, U.S.A., ƒe nusrɔ̃ha si nye [Amerika] Dukɔa me Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Numekuha wɔ la ɖo kpe edzi be nyateƒee, ame ʋɛ aɖewo koe nya nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu. Numekuha sia ƒe tatɔwo ŋlɔ bena: \"Amesiwo ŋu woku nu me le la dometɔ geɖe nye amesiwo dzilawo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ menɔ o alo wo dzilawo gbe wo nɔewo. Wonya alesi tututu srɔ̃ɖeɖe si me menyo o le, gake womenya alesi srɔ̃ɖeɖe si me nyo ya le o. Nusi ko wo dometɔ aɖewo te ŋu gblɔ le srɔ̃ɖeɖe si me nyo ŋu enye, 'mele abe dzinyelawo tɔ ene o.'\"\nÐe Kristotɔwo vo tso srɔ̃ɖekuxiwo mea? Ao. Le nyateƒe me, ehiã be woana nuxlɔ̃ame sia si le tẽ la ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo be 'womegadi be woatu yewo' ɖa le yewo srɔ̃wo ŋu o. (Korintotɔwo I, 7:27) Edze ƒã be kuxi aɖewo anɔ ame madeblibo eve ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me godoo, gake nusi akpe ɖe mía ŋu li. Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖe me nanyo ɖe edzi ne wotsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe.\nEle eme baa be menye srɔ̃ɖegbalẽ koŋ ye Biblia nye ya o. Gake esi wònye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔe ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be gɔmeɖose siwo le eme akpe ɖe mía ŋu. Yehowa Mawu gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: \"Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.\"—Yesaya 48:17, 18.\nÐe lɔlɔ̃ si nɔ mia kple srɔ̃wò dome tsã nu va le tsitsima? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yexaxa ɖe srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o mea? Nyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 26 enye esia gblɔ be: \"Veve si wosena ne ame ƒe srɔ̃ɖeɖe va zu alea la wu gbɔgblɔ. Enɔa ame me ɣesiaɣi le afisiafi.\" Le esi nàtsɔe be yeƒe srɔ̃ɖeɖea do kpo nu kura teƒe la, nukatae màɖoe kplikpaa be yeawɔ nane tso eŋu o? Nyati si kplɔe ɖo afia srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woƒe srɔ̃ɖeɖe me nanyo le nu vevi aɖe koŋ me—eyae nye le kuku ɖe wo nɔewo ŋu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030915\/Biblia-Ate-%C5%8Au-Ana-W%C3%B2-Sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-me-Nanyo\/","date":"2023-12-08T15:59:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100762.64\/warc\/CC-MAIN-20231208144732-20231208174732-00333.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999623239,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996232390403748}","num_words":502,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Meta-Wiki ƒe nyawo\nMíexɔ mi nyuie ɖe Meta-Wiki, xexeame katã ƒe habɔbɔ ƒe nyatakakadzraɖoƒe na Wikimedia Foundation's projects kple dɔ siwo do ƒome kplii, tso ɖoɖowɔwɔ kple nuŋlɔɖiwo wɔwɔ dzi va ɖo ɖoɖowɔwɔ kple numekuku dzi.\nWiki bubu siwo wotu ɖe meta dzi abe Wikimedia Outreach nye dɔ tɔxɛ siwo ƒe kewo tso Meta-Wiki me. Dzeɖoɖo siwo do ƒome kplii hã yia edzi le Wikimedia mailing lists (vevietɔ wikimedia-l, kple eƒe ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ si mebɔ o si sɔ kple WikimediaAnnounce), IRC mɔ̃wo le Libera, Wikimedia ƒe habɔbɔwo ƒe wiki ɖekaɖekawo, kple teƒe bubuwo.\nDzome 2023\n|October 17 - December 31:||Apply to join the Ombuds commission or Case Review Committee|\n|December 14:||Community Resilience and Sustainability conversation hour at|\n|December 7:||Conversation hour with the Wikimedia Foundation Board of Trustees at 19:00-20:30 UTC|\n|December 7:||Movement Charter Drafting Committee: December community drop-in session at|\n- Babel, a discussion place for Meta-Wiki matters\n- Mailing lists and IRC\n- Newsletters\n- Meetups, a list of offline events\n- Wikimedia Embassy, a list of local contacts by language\n- Wikimedia Forum, a multilingual forum for Wikimedia projects\n- Wikimedians\n- Wikimedia Resource Center, a hub for Wikimedia Foundation resources","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/meta.wikimedia.org\/wiki\/Main_Page\/ee","date":"2023-12-11T13:39:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679511159.96\/warc\/CC-MAIN-20231211112008-20231211142008-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957376719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957376718521118}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.984,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nÐe Nukudɔdadawo Tso Mawu Gbɔa?\nÐikeke aɖeke mele eme o be ŋusẽ le Yehowa Mawu si be wòayɔ dɔ amewo. Eye edze ƒãa be ate ŋu ana ŋusẽ ma esubɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, le apostoloawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nukudɔdada nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana tɔxɛawo dometɔ ɖeka. Apostolo Paulo ŋlɔ be: \"Woɖea gbɔgbɔ la fiana to ame sia ame dzi hena tameɖoɖo si ŋu viɖe le. Le kpɔɖeŋu me, wona nunya ƒe nya ame aɖe to gbɔgbɔ la dzi, . . . eye wona dɔdada ƒe nunanawo ame bubu to gbɔgbɔ ɖeka ma dzi, . . . wona nyagbɔgblɔɖi ame bubu, . . . wona gbegbɔgblɔ bubuwo dodo ame bubu.\"—1 Korintotɔwo 12:4-11.\nGake Paulo gaŋlɔ le eƒe agbalẽ ma si wòŋlɔ na Korintotɔwo la ke me be, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nukununanawo nu ava yi. Egblɔ be: \"Ne nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo li la, woava ɖe wo ɖa; ne gbegbɔgblɔ bubuwo dodo li la, wo nu ava yi; ne sidzedze ƒe nunana aɖe li la, woava ɖee ɖa.\"—1 Korintotɔwo 13:8.\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu Kristo kple eƒe apostolowo da dɔ na amewo nukutɔe. Ɣemaɣi le Kristotɔwo ƒe ŋutinya me la, wona gbɔgbɔa ƒe nunanawo, siwo dometɔ ɖekae nye dɔdada ŋutete la amewo hena Mawu ƒe kafukafu, eye wònye dzesi be Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple eƒe yayra nɔ Kristo hame yeyea dzi. Gake ne Kristo hamea tsi heli ke nyuie vɔ la, le esi teƒe be wòanɔ susu hem yi nunana tɔxɛwo dzi la, ahe susu ayi xɔse sẽŋu, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ dzi be woawoe nye kpeɖodzi be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Yohanes 13:35; 1 Korintotɔwo 13:13) Eya ta va ɖo ƒe 100 M.Ŋ. lɔƒo la, meganye nukudɔdada ye nye dzesi be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe hamea ŋu o. *\nGake ɖewohĩ àbia be, 'Nu ka tae wogagblɔna egbea be, wole dɔ dam na amewo nukutɔe?' Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒo nu tso ŋutsu aɖe si wogblɔ be kansa nɔ fu ɖem na la ŋu. Dɔlélea kaka ɖe eƒe tame, eƒe ayikuwo, kple eƒe ƒuwo tome gɔ̃ hã. Mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ esi o, va se ɖe gbe si gbe wòbe Mawu \"ƒo nu\" kpli ye. Nyatakakaa gblɔ be, le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, kansa la vɔ nɛ.\nNe èse ŋutinya siawo tɔgbi la, anyo be nàbia ɖokuiwò be: 'Nyateƒee nyatakaka sia nyea? Ðe atikewɔlawo na kpeɖodzi aɖe ku ɖe eŋu eye eŋuti nuŋlɔɖi lia? Eye ne edze abe amea haya ene gɔ̃ hã la, ɖe Biblia fia be Mawu gbɔe nudzɔdzɔ siwo katã dze abe nukudɔdadawo ene la tsoa?'\nBiabia mamlɛtɔ sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie ŋutɔ. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: \"Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo [ŋuti] . . . Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, 'Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ [alo nukunu] geɖewo le wò ŋkɔ me oa?' Gake maʋu eme na wo be: Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.\"—Mateo 7:15, 21-23.\nEdze ƒãa be, nu siwo yɔm wole be nukudɔdadawo ate ŋu atso teƒe bubu aɖe, ke menye Mawu gbɔ o. Be ame siwo gblɔna be yewole nukunuwo wɔm le Mawu ƒe ŋkɔ me nagable mí o la, ele be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si, míazã tamebubu ŋutete si Mawu na mí la nyuie, eye míasrɔ̃ ale si míawɔ ade dzesi ame siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ŋutɔŋutɔ.—Mateo 7:16-19; Yohanes 17:3; Romatɔwo 12:1, 2.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Edze ƒãa be le apostoloawo ƒe ku megbe la, nukununanawo nu yi eye gbɔgbɔ ƒe nunanawo nu tso kura esime ame siwo xɔ nunana mawo la ku.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090501\/%C3%90e-Nukud%C9%94dadawo-Tso-Mawu-Gb%C9%94a\/","date":"2024-03-03T09:26:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476211.69\/warc\/CC-MAIN-20240303075134-20240303105134-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965352416,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965352416038513}","num_words":588,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Míate Ŋu Anya Mawu Nyateƒea?\n\"Esiae Nye Agbe Mavɔ La Bena, Woanya . . . Mawu Vavã Ðeka La.\"—Yohanes 17:3.\nAPOSTOLO Paulo ƒu asi nu gblɔ be: \"Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo!\" Egblɔ ƒu edzi be: \"Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!\" (Romatɔwo 11:33) Ðe wòle be nya siawo nana míaƒo nya ta be amegbetɔwo mate ŋu aku Mawu ƒe nunya kple eƒe sidzedze me o, si fia be míate ŋu ava nya Mawu kple eƒe tameɖoɖowo gbaɖekegbe oa?\nAmesiwo si mawusubɔsubɔ ƒe nukpɔsusu si woyɔna be via negativa (mɔ tramaa) le la aɖo nya sia ŋu be ẽ. Sɔlemehawo ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ le nukpɔsusu sia ŋu be: \"Mawu ƒo nusiwo katã woate ŋu anya tso eyama ŋu la ta sasasã. . . . Womate ŋu ana ŋkɔ Mawu loo alo aɖɔe o. Seɖoƒe nɔa ŋkɔ alo nuɖɔɖɔ ɖesiaɖe ŋu, gake Mawu ya ƒo . . . wo katã ta. . . . Menye nusi amewo ate ŋu adze sii o, elabena egbɔ sidzedze me.\" *—The Encyclopedia of Religion.\nNewsweek magazine gblɔ be amesiwo de suku yi ŋgɔ la dometɔ geɖe va le \"nukpɔsusu yeye aɖe\" dzi xɔm le sesem be \"nyateƒenya ɖeka pɛ koe li, eye nyateƒenya siae nye be nyateƒenya aɖeke meli o.\"\nKe hã, ame geɖe mele tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖowo kpɔm o. Wokpɔa kuxi gbãdziname siwo hiãkame, dɔléame, kple ŋutasesẽ hena vɛ la teƒe. Alesi kakaɖedzi megava le agbea ŋu o hã te ŋu tena ɖe wo dzi ŋutɔ. Woadi vevie be yewoanya nusitae nuwo le yiyim alea ɖo, gake ne womele ŋuɖoɖoawo kpɔm o la, woaƒo nya ta be ŋuɖoɖo aɖeke gɔ̃ hã manya li o. Esia wɔe be amesiawo dometɔ geɖe va do le subɔsubɔha xɔŋkɔwo me eye ne wogakpɔtɔ xɔe se be Mawu aɖe li hã la, ekema woa ŋutɔwo va dina alesi woawɔ ate ɖe eŋu.\nNusi Biblia Gblɔ\nEle be amesiwo xɔ Biblia dzi se eye woxɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Nyanuɖela la nadi vevie be yewoanya nya si Biblia ya gblɔ. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be Yesu ƒo nu tso mɔ eve aɖewo ŋu kpɔ, ɖeka \"le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me,\" eye evelia \"xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me.\" Yesu ɖe alesi míawɔ Mateo 7:13-23.anya amesiwo le mɔawo dometɔ ɖesiaɖe dzi la me, esime wògblɔ be: \"Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.\" Kutsetse ka ƒomeviwoe míatsɔ adze si woe? Menye woƒe numenyawoe o, ke boŋ woƒe nuwɔnawoe, abe alesi Yesu kɔ emee ene be: \"Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.\" Gbɔgblɔ kple nu be míexɔ Mawu dzi se ɖeɖeko mesɔ gbɔ. Ele be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eyata susu le eme be míagblɔ be ele be míanya nusi tututu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye la nyuie gbã.—\nYesu ɖee fia kɔtẽ be amegbetɔwo ate ŋu adze si Mawu nyuie. Egblɔ be: \"Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3) Eme kɔ ƒã be, nunya kple sidzedze si Mawu nana la ate ŋu asu mía si, ne míenya ku kutri vevie dii ko. Gake nusi Mawu ana amesiwo dii la enye agbe mavɔ, eyata viɖe gã aɖee le edidi ŋu.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Dzixɔse siawo tɔgbe hã le Hindu, Tao, kple Budha subɔsubɔ siwo dzɔ tso ɣedzeƒenutowo me la me tɔwo si.\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nYesu gblɔ be mɔ xaxɛ la kplɔa amewo yina agbe mee","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061015\/%C3%90e-M%C3%ADate-%C5%8Au-Anya-Mawu-Nyate%C6%92ea\/","date":"2024-02-28T15:01:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474737.17\/warc\/CC-MAIN-20240228143955-20240228173955-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991154075,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991154074668884}","num_words":601,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JW Library Sign Language nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnu. Àte ŋu awɔ tokunɔgbe me videowo ƒe kɔpi le jw.org, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu alo aƒo wo.\nKpɔ tokunɔgbe me Biblia kple agbalẽ bubuwo ƒe videowo. Wɔ woƒe kɔpi da ɖe wò asitelefon alo tablɛt dzi ale be nàte ŋu akpɔe ne mèle internet zãm o. Video nyakpɔawo, ale si nàke ɖe wo ŋu kple wo ƒoƒo ƒe mɔnu bɔbɔeawo ado dzidzɔ na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-library-sign-language\/","date":"2024-02-21T10:42:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473472.21\/warc\/CC-MAIN-20240221102433-20240221132433-00118.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962852001,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962852001190186}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zã Atikewo Nunyatɔe\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ\nÐIKEKE mele eme o be ne ɖɔkta ŋlɔ atikewo na wò la, susu nyuiwo tae wòŋlɔ wo ɖo eye ètua eƒe nyametsotsowo ɖe atikewɔwɔ ƒe sidzedze kple, nuteƒekpɔkpɔ si su esi la dzi. Ke hã mele be dɔnɔa nakpɔ mɔ be ɖɔktaa dzie yeƒe hayahaya ƒe agba bliboa le o. Nusi dɔnɔa nona kple esi wodona ɖe lãme nɛ ƒe agba gakpɔtɔ le eyama dzi.\nBu mɔfiame nyui siwo gbɔna si ɖɔkta aɖe na ŋu ne èle atike siwo woŋlɔ na wò la zãm:\n● Atike ɖesiaɖe dea aɖi lãme na ame. Ekpɔ mɔ anya atike si ŋlɔm wole na wò kple nusiwo wòate ŋu agblẽ le ŋuwò. Ne ɖɔkta si le dɔ dam na wò mena nyatakaka sia wò o la, mègahe ɖe megbe be yeabiae o. Le go geɖe me la, viɖeawo asɔ gbɔ wu emetsonu gbegblẽawo. Gake ele be woagblɔe na wò ale be nàte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le.\n● Atikewo wɔa dɔ le ame ɖesiaɖe ŋu le mɔ vovovo nu. Ðɔktaa mate ŋu agblɔ alesi tututu atike aɖe agblẽ nu le ŋuwò do ŋgɔ o. Ne atike aɖe me tsonu si mèle mɔ kpɔm na o va le fu ɖem na wò la, ke gblɔe na wò ɖɔktaa.\n● Bia ɣeyiɣi didi si woahiã be nàno atikea. Azɔ hã bia nenye be atikea ate ŋu ava zu numame na wò.\n● Kpɔ nyuie le asiɖeɖe le atike aɖe zazã ŋu le ɖokuiwò si, ɖewohĩ esi nèse le ɖokuiwò me be yele hayahayam vie ta. Asiɖeɖe le atike zazã ŋu ate ŋu agblẽ wò nɔnɔmea ɖe edzi. Ðe ema teƒe la, gblɔe na wò ɖɔktaa gbã.\n● Zã atike si woŋlɔ na wò la le ɖɔkta ƒe mɔfiafia nu ɣesiaɣi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011108\/Z%C3%A3-Atikewo-Nunyat%C9%94e\/","date":"2024-02-29T12:12:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474808.39\/warc\/CC-MAIN-20240229103115-20240229133115-00062.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995378256,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995378255844116}","num_words":292,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dadi Kple Afiwo\nGbe ɖeka la, afiwo va ɖo xaxa me. Dadi be yealé wo aɖu. Eya ta afiwo ƒo ƒu, eye wode aɖaŋu. Tsitsitɔ gblɔ bena, \"Aleke wɔ ge mí katã míele? Mí katã míele kuku ge le ŋkeke kpui aɖe megbe.\"\nAfi aɖe gblɔna: \"Menya aɖaŋu nyui aɖe. Mina míatsɔ nyawowoe aɖatsi ɖe kɔ na adadi la, hafi ne evaɣi naɖo. To nyuiwo li na mí katã, eye hafi ne wòava kpɔ mí la, míasi ayi ɖe míaƒe dowo me. Gake ame kae atsɔ nyawowoe la atsi kɔ nɛ? Ele na wò bena nàwɔ esia!\" Egblɔ bena, \"Nyea, nyemate ŋu ado dzi awɔ esia o.\" Eye afi mamlɛawo hã gblɔ bena, \"Míawo hã míate ŋu awɔ esia o.\"\nAle dadi la gatsi anyi womete ŋu de nyawowoe kɔ nɛ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/dadi-kple-afiwo\/","date":"2024-03-05T13:02:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00108.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984797835,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984797835350037}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.121,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nMawunyakpukpui eve siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le mɔ aɖeke nu o. Mawunyakpukpui gbãtɔa nye se si wode ku ɖe lã kuku, si ɖewohĩ lã wɔadãwo wu, ɖuɖu ŋu la gbugbɔgagblɔ ake. (Mose II, 22:30; Mose III, 22:8) Evelia ɖe nusi Israel-vi si da le se sia dzi, ɖewohĩ le manyamanya me, la awɔ me.\nSe si wode ku ɖe nane ŋu mefia be sea dzi manya da le nɔnɔme aɖewo me o. Le kpɔɖeŋu me, wode se siwo tsi tre ɖe fififi, amewuwu, aʋatsoɖasefo ɖuɖu, kple bubuawo ŋu. Nenema kee wogblɔ tohehe siwo woana amesiwo da le Mawu ƒe se mawo ke dzi hã ŋu nya. Tohehe mawo na ŋusẽ va nɔa seawo ŋu eye woɖe alesi gbegbee wonye ŋkubiãnyae la hã fia.\nAmesi da le se si tsi tre ɖe lã kuku ɖuɖu ŋu dzi la ŋu mekɔ le Yehowa ŋkume o, eye ele nɛ be wòawɔ ɖe ɖoɖo siwo li la dzi nyuie hafi eŋu nakɔ. Ne mekɔ eɖokui ŋuti le mɔ nyuitɔ nu o la, ekema \"eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.\"—Mose III, 17:15, 16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050701\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2024-02-25T14:08:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474617.27\/warc\/CC-MAIN-20240225135334-20240225165334-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984625578,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984625577926636}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?\nAME geɖe sea dzadzɛnyenye gɔme le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, ne vidada gblɔ na via be wòayi aɖaklɔ asiwo kple mo la, asusui be asidede tsi me kple tsi wɔwɔ ɖe nuto sɔ gbɔ. Gake Dada nya nusi nyo wu. Agakplɔe ayi tsia gbɔ eye wòatsɔ adzalẽ kple tsi aklɔ eƒe asiwo kple mo—togbɔ be anɔ ɣli dom sesĩe hã!\nNyateƒee, dzadzɛnyenye ŋuti dzidzenu mesɔ le xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe o, eye dzadzɛnyenye ŋuti nukpɔsusu vovovo nɔa amewo si wotsɔ tsinae. Tsã la, sukukpo siwo dzi le dzadzɛ siwo me wowɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu le dukɔ geɖe me la kpena ɖe sukuviwo ŋu be dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔme nyuiwo sua wo si. Egbea la, sukukpo aɖewo dzi yɔ fũ kple gbeɖuɖɔ kpakple nu gbagbãwo ale gbegbe be woɖi aɖukpo wu afisi woafe alo ade kame le. Ke sukuxɔ me ya ɖe? Darren, amesi nye aƒedzikpɔla le sukukɔkɔ aɖe le Australia gblɔ be: \"Fifia míekpɔa gbeɖuɖɔ le sukuxɔwo hã me.\" Sukuvi aɖewo bua nuxlɔ̃ame \"Fɔe le anyigba\" alo \"Dzra teƒea ɖo\" be enye tohehe. Kuxia enye be nufiala aɖewo tsɔa teƒe aɖe wɔwɔ wòanɔ dzadzɛ hea toe na ame.\nLe go bubu me la, ame tsitsiwo meɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo le nuwɔwɔ le dzadzɛnyenye me ɣesiaɣi le gbesiagbegbenɔnɔ me loo alo le dɔwɔƒewo o. Le kpɔɖeŋu me, wogblẽa amenɔƒe geɖe woƒoa ɖi hetɔa ŋku. Adzɔnuwɔƒe aɖewo ƒoa ɖi nutoame. Gake menye dɔwɔƒe kple asiƒleƒe ŋutɔwoe hea ɖiƒoƒoa vɛ o, ke boŋ amewoe. Togbɔ be anye ŋukeklẽ gbɔ koŋ kuxi si nye xexeame katã ƒe ɖiƒoƒo kple emetsonu gbegblẽawo tso hã la, eƒe akpa aɖe tso amewo ƒe makɔmakɔnyenye gbɔ. Dukɔwo Dome Sewɔtakpekpe si le Australia ƒe dɔdzikpɔlagã da asi ɖe nyataƒoƒo sia dzi esi wògblɔ be: \"Lãmesẽ si me amewo anɔ atso alesi ame ɖekaɖekawo atsɔ ɖe le nuwɔwɔ le dzadzɛnyenye me gbɔ.\"\nKe hã, ame aɖewo sena le wo ɖokui me be dzadzɛnyenye nye ame ŋutɔ ƒe nya eye meka ame bubu aɖeke o. Nenemae nyaa le ŋutɔŋutɔa?\nDzadzɛnyenye hiã ale gbegbe vevietɔ le míaƒe nuɖuɖu gome—eɖanye asimee míeƒlee le, nuɖuɖudzraƒe aɖee míeɖui le, alo xɔlɔ̃a aɖe ƒemee woɖo kplɔ̃ na mí le o. Wokpɔ mɔ be dzadzɛnyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo nanɔ amesiwo wɔa nuɖuɖu ŋudɔ alo dzrana nuɖuɖu siwo míeɖuna la si. Asiƒoɖiwo—eɖanye wo tɔ alo mía tɔwoe o—ate ŋu ana míaxɔ dɔléle geɖe. Ke dɔdaƒewo—siwo nye afisi míekpɔa mɔ be nuwo nanɔ dzadzɛ le wu teƒe ɖesiaɖe ya ɖe? Agbalẽ si nye New England Journal of Medicine ka nya ta be anye ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔla aɖewo ƒe asi maklɔmaklɔ tae dɔnɔ siwo yi dɔdaƒewo xɔa dɔlékui siwo dada ŋu wogblẽa ho si ɖoa dɔlar biliɔn ewo ɖo le ƒe ɖeka me. Mía tɔ dzɔ be míakpɔ mɔ be ame aɖeke matsɔ eƒe ŋunyɔnuwɔwɔ ade míaƒe lãmesẽ afɔku me o.\nEganyea ŋkubiãnya ne ame aɖe ƒo ɖi tsi si míezãna—eɖanye ɖe woɖoe koŋ loo alo le manyamanya me o. Eye ɖe menye afɔku ŋutɔ be woatsɔ afɔ ƒuƒlu azɔ le ƒuta ƒe afisi atikevɔ̃ɖizãla aɖewo alo ame bubuwo tsɔ abidonu siwo wozã la ƒu gbe ɖoe oa? Ðewohĩ biabia si ka mí wu enye be: Ðe míewɔa nu le dzadzɛnyenye me le aƒemea?\nSuellen Hoy bia le eƒe agbalẽ si nye Chasing Dirt me be: \"Ðe míele dzadzɛ abe alesi míenɔ tsã enea?\" Eɖo eŋu be: \"Ðewohĩ mele nenema o.\" Egblɔ be agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo le tɔtrɔm gbɔe wòtso. Esi amewo megate ŋu nɔa aƒe me zi geɖe o ta la, ɖeko woxea fe na ame aɖe be wòadzra aƒeme ɖo na yewo. Mlɔeba la, ameɖokui gbɔ dzadzraɖo meganyea nusi amewo buna nu vevitɔ o. Ŋutsu aɖe gblɔ be: \"Nyemeklɔa tsilekpɔa me o—ɖokuinyee metutuna. Ne aƒenye me ƒo ɖi hã la, nye ametia ya ŋu kɔ.\"\nGake dzadzɛnyenye bia nu geɖe wu gotagome dzedzeme ko. Elɔ lãmesẽmenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe eme. Egaku ɖe míaƒe susu kple dzi ƒe nɔnɔme ŋu si lɔ míaƒe agbenyuinɔnɔ kple tadedeagu hã ɖe eme. Mina míakpɔ alesi wòle ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020201\/Aleke-Dzadz%C9%9Bnyenye-Le-Vevie\/","date":"2024-03-01T14:40:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475311.93\/warc\/CC-MAIN-20240301125520-20240301155520-00226.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988261461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988261461257935}","num_words":663,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2002 Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie? Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia? Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo Ŋuti Egbeŋkekeawo me Xɔsetakukulawo Ði Ðase le Sweden Èle Amesiwo Mawu Lɔ̃ Domea? Èxɔ \"Nyateƒegbɔgbɔ\" Laa? Yehowa Fia Dzidodo Kple Kutrikuku Mí Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Du si Le To Dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020201\/","date":"2024-02-28T04:13:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474690.22\/warc\/CC-MAIN-20240228012542-20240228042542-00660.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.990871191,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9908711910247803}","num_words":47,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.185,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.\"\n\"Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.\"\n\"Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò, matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.\"\n\"Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?\"\n\"Esia ta migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.\"\n\"[Mikpɔ] nu siwo le vevie wu la [dze] sii.\"\n\"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/ten%C9%94n%C9%94-%C9%96e-dzima%C9%96itsitsi-nu\/","date":"2024-03-03T12:50:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476374.40\/warc\/CC-MAIN-20240303111005-20240303141005-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982070327,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982070326805115}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tɔmanɔsiƒomewo—Ɣeyiɣiawo Ƒe Dzesi Wònye\nNUKAE nàgblɔ be eyae nye hadomekuxi si ɖe dzesi wu egbea? Gallup ƒe numekuku si wowɔ le United States ɖee fia be amesiwo wobia gbee dometɔ alafa memama 80 kloe bui be eyae nye \"aƒe siwo me vifofo mele o.\" Gallup ɖee fia be, ɖevi siwo wu miliɔn 27 le United States siwo mele wo fofowo ŋutɔŋutɔ gbɔ o, eye xexlẽme ma le dzidzim ɖe edzi kabakaba. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be yevuvi siwo wodzi le United States tso ƒe 1980 me dometɔ alafa memama 50 lɔƒo \"anɔ dzilaɖekɛƒome me le woƒe ɖevimenɔɣi ƒe akpa aɖe. Le ameyibɔviwo gome la, memamaa nye 80 le alafa me lɔƒo.\" Ale wɔ USA Today yɔ United States be enye \"afisi tɔmanɔsiƒomewo bɔ ɖo wu le xexeame.\"\nKe hã The Atlantic Monthly me nyati aɖe gblɔ be: \"Menye Amerikatɔwo dome koe ƒomewo ƒe gbagbã ƒe dzidziɖedzia bɔ ɖo o. Ebɔ ɖe dukɔ deŋgɔwo katã kloe, si me Japan hã le me.\" Eye togbɔ be kuxia ŋuti kɔntabubu mebɔ le dukɔ madeŋgɔwo me o hã la, edze abe woawo hã le eƒe fu kpem nenema ke ene. Magazine si nye World Watch gblɔ be, \"zi geɖe la, ŋutsu siwo le [dukɔ dahewo me] gblẽa wo srɔ̃ kple wo viwo ɖi le ganyawo ƒe sesẽ ɖe edzi ta.\" Le nyateƒe me la, numekuku aɖe si wowɔ le Carib-dukɔ aɖe me ɖee fia be vifofo alafa memama 22 siwo si ƒe enyi viwo le koe le wo viwo gbɔ ŋutɔŋutɔ.\nTɔmanɔsiviwo bɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo gɔ̃ hã me. (Mose V, 27:19; Psalmo 94:6) Gake le ɣemaɣi la, nusi koŋ na ɖeviwo zu tɔmanɔsiviwoe nye vifofowo ƒe ku. Agbalẽŋlɔla David Blankenhorn gblɔ be: \"Egbea la, nusi koŋ le tɔmanɔamesi hem vɛ enye vifofo ƒe ame gbegblẽɖi.\" Abe alesi míava kpɔe ene la, enye nyateƒe be alesi tɔmanɔsiviwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii ɖo kpe edzi be ame geɖe \"melɔ̃a ame ƒe nya\" egbea o. Le Biblia ƒe nya nu la, esia hã nye kpeɖodzi ɖeka be míele \"ŋkeke mamlɛawo\" me.—Timoteo II, 3:1-3.\nGake le ɖeviwo gome la, dzigbanyae vifofo ƒe bubu le woƒe agbe me nye na wo. Ehea vevesese kple dzigbaname si ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu tegbee vɛ. Eyata le nyati siawo siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu me la, míadzro nɔnɔme siawo siwo vana ɖe wo nɔewo yome la me, menye be míatsɔ agbã dzi na nuxlẽlawo o, ke boŋ be míana nyatakaka siwo ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu be woatsi nusia si gblẽa nu le ame ŋu la nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000208\/T%C9%94man%C9%94si%C6%92omewo-%C6%94eyi%C9%A3iawo-%C6%91e-Dzesi-W%C3%B2nye\/","date":"2024-02-27T16:16:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474676.79\/warc\/CC-MAIN-20240227153053-20240227183053-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996022582,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996022582054138}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dziƒo\nGɔmesese vovovo 3 ye le nya sia ŋu le Biblia me.\nAme geɖe susuna be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Nu ka tututue Biblia fia?\nYayra kae du tɔxɛ sia ate ŋu ana nàkpɔ?\nNu kae Biblia gblɔ tso Mawu ƒe nɔƒe ŋu? Afi ma kee Yesu hã lea?\nMawudɔlawo\nMawudɔla nenie li? Ðe ŋkɔwo kple amenyenye vovovowo le mawudɔlawo sia?\nŊkɔ bubu aɖe gale esi, si ɖewohĩ nènya nyuie.\nAbosam Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo\nVɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nɔnɔme aɖe si le ame mee Abosam nyea alo ame ŋutɔŋutɔe wònye?\nAfi kae Satana dzɔ tso? Xlẽ nu tso nu si tae Yesu gblɔ be Abosam \"meli ke ɖe nyateƒe la me o\" la ŋu.\nBiblia gblɔ be wonya Abosam ɖa le dziƒo. Afi kae Satana le fifia?\nAleke gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzii, eye aleke nàwɔ aƒo asa na woƒe mɔtetrewo?\nBiblia ɖe nu siwo nana be amegbetɔwo kpea fu la fia.\nNu kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo? Afi kae wotso va?","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-gb%C9%94gb%C9%94menutowo-me-%C5%8Bu\/","date":"2024-03-02T14:02:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475825.14\/warc\/CC-MAIN-20240302120344-20240302150344-00666.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990475178,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990475177764893}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Pamela nɔ kansadɔ lém la, eyi kɔdzi be ɖɔkitawo nawɔ atike na ye. Gake edo gbe ɖa hã be Mawu nado ŋusẽ ye le nɔnɔme sesẽ ma me. Ðe gbedodoɖa kpe ɖe eŋua?\nPamela gblɔ be: \"Nu siwo me metona ne wòle kansatike wɔm nam la, nana mevɔ̃na ŋutɔ. Gake ne medo gbe ɖa na Yehowa Mawu la, nye dzi dzea eme eye nyemegavɔ̃na o. Megasea veve kokoko ya, gake gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye metsɔ susu ɖo nu nyuiwo ŋu. Ne amewo biam be aleke mefɔe hã la, megblɔna be 'Nyemefɔ nyuie ya o, gake dzi le dzɔyem!'\"\nMele be míalala kuxi sesẽ aɖe nava mía dzi alo míadze dɔ vevie hafi ado gbe ɖa o. Kuxiwo vaa mí katã mía dzi, gãwo kple sueawo, eye zi geɖea míekpɔnɛ be míehiã kpekpeɖeŋu be míanɔ te ɖe wo nu. Ðe gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?\nBiblia gblɔ be: \"Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.\" (Psalmo 55:22) Nya mawo fa akɔ na ame ŋutɔ! Eya ta aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? Ne èdo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nua, akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu.—Kpɔ aɖaka si nye \"Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2021-jan-feb\/ale-si-gbedodo%C9%96a-akpe-%C9%96e-%C5%8Buw%C3%B2\/","date":"2024-04-20T15:15:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817650.14\/warc\/CC-MAIN-20240420122043-20240420152043-00626.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967257977,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967257976531982}","num_words":216,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atrakpuiwo ƒe nɔnɔmetata si wowɔ le mɔ gbadza nu\nAfɔɖeɖe ƒe nɔnɔmetata ƒe nɔnɔmetata\nBowstring ƒe nɔnɔmetata\nKafukafunyawoMíeɖo aɖaŋu be nàdzi afɔɖeɖeawo ƒe xexlẽme ɖe edzi gakpɔtɔ le edzi yim 1Afɔɖeɖe ƒe goglome si sɔ\nTete ɖa tso alesi wòanɔ bɔbɔe ƒe mɔfiame gbɔ to 8.6%\nAtrakpuiawo ƒe dzogoe si sɔ 34.8°\nAtrakpui si dzi wofa vie\nNyatakaka gbãtɔwo\nAtrakpui ƒe kɔkɔme 2500 mm\nAtrakpui si le ɖoɖoa me ƒe didime 2300 mm\nNuƒolanɔƒea ƒe Kekeme 800 mm\nAfɔɖeɖewo le yameʋu si le etame la me 5\nAfɔɖeɖe siwo le titina ƒe span la me 3\nAfɔɖeɖe siwo le span si le ete la me 2\nAfɔɖeɖe ƒe titrime 50 mm\nledge ƒe afɔɖeɖewo 50 mm\nAkɔntabubu me tsonu\nKa si le etame ƒe didime blibo 2173 mm\nAkplɔ si le etame ƒe ŋgɔgbe ƒe didime 1826 mm\nTitinati ƒe ka ƒe didime yɔ fũ 1807 mm\nTitinaŋutiti ƒe ŋgɔgbekpa ƒe didime 1461 mm\nAkplɔ si le ete ƒe didime yɔ fũ 1442 mm\nAkplɔ si le ete ƒe ŋgɔgbe ƒe didime 1096 mm\nBowstring ƒe titrime 241 mm\nAdzɔge si le akplɔa dzi le lãɖeɖe siwo le atrakpuiawo te dome 365 mm\nAtrakpui ƒe dzogoe 34.8° tso anyigba ƒe dzidzeme dzi\nAfɔɖeɖe ƒe goglome 350 mm\nAfɔɖeɖe ƒe Kɔkɔme 208 mm\nRiser ƒe kɔkɔme 158 mm\n© www.zhitov.ru","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica6\/calculator.php","date":"2024-04-23T18:46:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818732.46\/warc\/CC-MAIN-20240423162023-20240423192023-00198.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995953441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995953440666199}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.102,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.367,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gli la ƒe didime kple eƒe ƒomevi gblɔ\nX - Gli ƒe kekeme.\nY - Gli ƒe kɔkɔme.\nW - Board ƒe kekeme.\nC - Dometsotso si le ʋuƒoawo dome.\nNe ètia ƒomevi 2 alo 3\nB - Gli ƒe kekeme vaseɖe togbɛ dzi.\nA - Gli si do ŋgɔ na bevel la ƒe kɔkɔme.\nFexexe to Internet dzi ƒe mɔnuwo.\nFli siwo le fli me ƒe xexlẽme.\nAkɔntabubu le dzogoe siwo wotso ŋu na akpawo.\nGli ƒe lolome ƒe akɔntabubu.\nAkpa siwo wotsɔ blaa nu ƒe didime.\nGliwo ƒe akpa siwo katã wotsɔ blaa nu ƒe didime bliboa.\nDzidzime ƒe nɔnɔmetatawo ƒe gliɖoɖo kple xɔmenuwo ƒe didime.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/board_wall\/","date":"2024-04-24T18:29:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296819847.83\/warc\/CC-MAIN-20240424174709-20240424204709-00034.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997881055,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997881054878235}","num_words":100,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristmas Kple Ƒe Yeye—Anɔ abe Alesi Nèdii Enea?\n\"Peter [the Great] de se be woawɔ sɔleme tɔxɛ aɖe le Ƒe Yeyea dzi le sɔlemewo katã me le January 1. Egblɔ kpee be ele be woatsɔ Kristmas-ti aɖo atsyɔ̃e na ʋɔtrutiwo le aƒewo me, eye wòde se be Moscow nɔlawo katã 'naɖee afia be yewokpɔ dzidzɔ to wo nɔewo kafukafu kple ɣli' me le Ƒe Yeyea dzi.\"—Peter the Great—His Life and World.\nNUKAE nèle mɔ kpɔm na le azã si ame geɖe yɔna be Kristmas ɖuɣi, si gbɔna dzi? Le xexeame godoo la, amewo gblɔna be ɣeyiɣi sia nye Kristmas si nye Yesu ƒe dzigbezã ɖuɣi, gake Ƒe Yeye ɖuɖu hã kpe ɖe eŋu. Eyata menye ŋkeke ɖeka ƒe azãe wònye o. Dzilawo kple ɖeviwo siaa xɔa mɔkeke ɣemaɣi, eyata edze abe anye ɣeyiɣi nyui aɖe si dzi ƒomewo awɔ nu ɖekae ene. Ke hã, ame bubuwo gblɔna be enye \"Kristmas ɖuɣi\" elabena wole mɔ kpɔm be yewoade bubu Kristo ŋu le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me. Ðewohĩ wò hã èsena le ɖokuiwò me be esiae nye susu vevi si ta woɖua azãa ɖo.\nEɖanye bubu dede Kristo ŋu, alo ƒomewo ƒe ɣeyiɣi kpɔkpɔ awɔ nu ɖekae, alo wo kple evea siaa tae woɖua azã sia ɖo o, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu kpakple ɖevi miliɔn geɖe kpɔa mɔ na ɣeyiɣi sia vevie le xexeame godoo. Ke ƒe sia me tɔ ya ɖe? Ðe ƒomewo le eɖu ge abe alesi wodii enea, eye ɖe Mawu bunɛ be enye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖea? Ne miaƒe ƒomea me tɔwo katã ava ƒo ƒu ɖekae la, ɖe azãa ayi abe alesi nèdii enea, alo ɖe wò mɔkpɔkpɔwo azu dzodzroa?\nAme geɖe siwo kpɔa mɔ na mawusubɔsubɔ nuwɔnawo va de dzesii be nusiwo meɖea Kristotɔnyenye ƒe gbɔgbɔ fiana o boŋ ye yia edzi le Kristmas kple Ƒe Yeye ɖuɣi zi geɖe. Azãa ɖuɣi va zu nunanawo xɔɣi dzro aɖe ko, kplɔ̃ɖoɖo si me woɖea agbenɔnɔ siwo medea bubu Kristo ŋu o fiana le ƒe mɔnukpɔkpɔ, alo ƒuƒoƒo ɖekae ado dzidzɔ na ame nɔewo ko. Zi geɖe la, amesiwo yia ƒuƒoƒe mawo dometɔ aɖewo ɖua nu tsu, mua aha hegblẽa wɔnawo dome, eye wowɔa dzre siwo me ŋutasẽnuwɔnawo nɔna ɣesiaɣi. Ðewohĩ èkpɔ esia teƒe kpɔ, alo edzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ.\nNe nenemae la, ke àte ŋu akpɔe be tso Peter the Great (Pierre le Grand), Russiatɔwo ƒe Fiagã si ŋu nya míegblɔ va yi, ƒe ɣeyiɣia me vaseɖe fifia la, tɔtrɔ gobi aɖeke meva o. Alesi nɔnɔmeawo le edzi yimee egbea ɖea fu na ame geɖe, eye wodi be azãa ɖuɣi nanye ŋugbledede tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu kpakple gomekpɔkpɔ le hadede tuameɖo me kple ƒometɔwo hafi. Ame aɖewo dzea agbagba be yewoahe tɔtrɔ aɖewo vɛ to nya aɖewo abe esiawo tɔgbe ene gbɔgblɔ dzi be Yesu tɔe nye azãa. Gake ɖe woate ŋu ahe tɔtrɔ aɖe vɛa? Eye ɖe esia le bubu de ge Kristo ŋu nyateƒea? Ðe susu aɖewo li si ta mele be woaɖu azãa oa?\nDukɔ aɖe li si me tɔwoe wòle na koŋ be woakpɔ ŋudzedze ɖe ƒea ƒe ɣeyiɣi sia ŋu. Na míatsɔe be míele dukɔ ma me ne míadzro nyaa me kpɔ, be míakpɔ ŋuɖoɖo siwo sɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051215\/Kristmas-Kple-%C6%91e-Yeye-An%C9%94-abe-Alesi-N%C3%A8dii-Enea\/","date":"2024-04-12T13:00:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296815919.75\/warc\/CC-MAIN-20240412101354-20240412131354-00842.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985127449,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985127449035645}","num_words":524,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nàwɔ?\nXlẽ nu tso Karina ƒe ŋutinya sia ŋu eye kpɔe le susu me ɖa be ye dzie nu sia le dzɔdzɔm ɖo. Nu kae nàwɔ le nɔnɔme ma me?\nKarina: \"Menɔ ʋu kum sesĩe akpa esi meɖo ta suku, eye kpovitɔ aɖe lém eye wòna tikitim tsɔ do fe nam. Dzi kum vevie! Megblɔe na Dada eye wògblɔ nam be magblɔe na Papa, gake nyemedi be magblɔe nɛ o.\"\nNu kae nàwɔ?\nTiatia Gbãtɔ: Àzi kpi ɖe nya dzi kple susu be ye tɔ masee gbeɖe o.\nTiatia Evelia: Àgblɔ nu si dzɔ la na Tɔwò.\nÐewohĩ adzro wò be yeatia Tiatia Gbãtɔ. Ate ŋu adzɔ be nɔwò ya asusui be ègblɔ nya la na tɔwò. Gake susu geɖewo li siwo tae wòle be nàɖe wò vodadawo agblɔ ale be ŋuwò nafa, eɖanye ʋue nèku sesĩe akpa eye wotsɔ tikiti na wò be nàva xe fe loo alo nu bubu aɖee o.\nSusu etɔ̃ siwo ta wòle be nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi\n1. Elabena esiae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ. Biblia gblɔ dzidzenu si nu wòle be Kristotɔwo nanɔ agbe ɖo ale: \"Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.\"—Hebritɔwo 13:18.\n\"Medzea agbagba vevie be maɖi anukware, matsɔ nye nuwɔnawo me tsonuwo, eye maʋu go nye vodadawo enumake.\"—Alexis.\n2. Amewo alɔ̃ atsɔ ame siwo lɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi la ƒe agɔdzedze ake wo bɔbɔe. Biblia gblɔ be: \"Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.\"—Lododowo 28:13.\n\"Ehiã be dzi nanɔ ame ƒo hafi wòaɖe eƒe vodadawo agblɔ, gake esia wɔwɔe nana amewo kana ɖe ame dzi. Woakpɔe be ènye anukwareɖila. Ne èlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi la, àtrɔ nɔnɔme si made dziwò o la wòazu nɔnɔme deamedzi.\"—Richard.\n3. Vevietɔ wu la, edzea Yehowa Mawu ŋu. Biblia gblɔ be: \"Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.\"—Lododowo 3:32.\n\"Esi meda vo gã aɖe la, mede dzesii be ele be nye ŋutɔ mayi aɖaʋu nye agɔdzedzea me. Ne nyemewɔa nu si Yehowa di o la, mate ŋu ayram gbeɖe o.\"—Rachel.\nKe aleke Karina kpɔ eƒe nyaa gbɔe? Eɣla tikiti si wotsɔ nɛ be wòaxe fe ɖe ʋukuku sesĩe akpa ta la ɖe tɔa. Gake mete ŋu ɣlae ɖee tegbee o. Karina gblɔ be: \"Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Papa nɔ míaƒe nugblẽfexegbalẽviwo me tom, eye wòkpɔ be ʋukuku sesĩe ƒe tikitia hã le ŋkɔnye me. Mede ɖokuinye nya gã aɖe me—nɔnye gɔ̃ hã do dziku ɖe ŋunye be nyemewɔ ɖe aɖaŋu si yeɖo nam la dzi o!\"\nNu kae wòsrɔ̃ tso eme: Karina gblɔ be: \"Ðeko vodadawo ɣaɣla gblẽa nyaa ɖe edzi boŋ. Àva nɔ enu emegbe godoo!\"\nAle si nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me\nAme sia ame daa vo. (Romatɔwo 3:23; 1 Yohanes 1:8) Eye abe ale si míekpɔe ene la, ne míeʋua míaƒe vodadawo me, eye míeɖea wo gblɔna enumake la, eɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokuiwo eye míenye nunyalawo.\nNu bubu si hiãe nye be nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me. Gake nublanuitɔe la, sɔhɛ aɖewo doa kpo nu le go sia me! Wosena le wo ɖokuiwo me abe ale si sɔhɛ si ŋkɔe nye Priscilla se le eɖokui me ɣeaɖeɣi ene. Egblɔ be: \"Tsã la, dzi ɖena le ƒonye vevie le nye vodadawo ta. Nyemekpɔa nyuiƒe aɖeke le ɖokuinye ŋu o, eye nye vodadawo nɔna nam abe agba kpekpe aɖe si nyemate ŋu atsɔ o ene. Nu tena ɖe dzinye eye mebua ɖokuinye ame dokponu.\"\nWò hã èsena le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣia? Ne èsena le ɖokuiwò me nenema la, ke ɖo ŋku nya sia dzi: Ne èbua vodada siwo nèwɔ va yi la ŋu fũu akpa la, ɖeko wòanɔ abe ale si nànɔ ʋu kum, evɔ ànɔ ʋua ƒe megbekpɔhuhɔ̃e ɖeɖe ko me kpɔm ene. Ne ènɔa vo siwo nèda va yi ŋu bum fũu akpa la ɖeko wòana nàse le ɖokuiwò me be yemele bo aɖeke nu o, eye esia awɔe be ŋusẽ manɔ ŋuwò nàtsɔ akpe akɔ kple kuxi siwo ava le etsɔme o.\nÐe manyo boŋ be nàda asɔ oa?\n\"De ŋugble tso wò vodadawo ŋu ale be màgawɔ wo azɔ o, gake megatsɔ wò susu katã ɖo wo ŋu ale gbegbe be woana dzi naɖe le ƒowò o.\"—Elliot.\n\"Medzea agbagba be mabu nye vodadawo be wonye nuteƒekpɔkpɔ nam, be masrɔ̃ nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wòakpe ɖe ŋunye manye ame ɖɔʋu wu eye ne megaɖo nɔnɔme ma tɔgbi me ake la, makpɔ nyawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu. Esiae nye afɔɖeɖe nyuitɔ, elabena akpe ɖe ŋuwò nuteƒekpɔkpɔ nasu asiwò.\"—Vera.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/teenagers\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/mal%C9%94%CC%83-%C9%96e-nye-vodadawo-dzi\/","date":"2024-04-23T13:43:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818711.23\/warc\/CC-MAIN-20240423130552-20240423160552-00476.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985954762,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985954761505127}","num_words":767,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia?\nŊUNYƆNU si nɔ edzi yim le Europa kple United States le ƒe alafa 18 lia kple 19 lia mee na be mawunyadɔgbedela siwo nɔ anyi ɣemaɣi ɖe gbeƒã nusi woayɔ be \"dzadzɛnyenye ƒe nufiafia.\" Nufiafia sia gblɔ be ŋunyɔnuwɔwɔ sɔ kple nuvɔ̃wɔwɔ, ke dzadzɛnyenye naa wotena ɖe Mawu ŋu. Ðewohĩ nusiae na wodoa lo be \"Dzadzɛnyenye kple mawuvɔvɔ̃e zɔna.\"\nSalvation Army, si William kple Catherine Booth ɖo hã da asi ɖe nukpɔsusu sia dzi. Agbalẽ si nye Health and Medicine in the Evangeilcal Tradition, gblɔ be boblodonya gbãtɔ siwo wodona dometɔ ɖeka enye: \"Adzalẽ, Detsi, kple Xɔxɔ.\" Emegbe esi Louis Pasteur kple ame bubuwo va ɖo kpe kadodo si le dɔléle kple dɔlékuiwo dome dzi wòdze ƒã la, ɖeko wògade amewo dzi be woadi mɔnu siwo dzi woato akpɔ lãmesẽnyawo gbɔ wòanyo wu.\nAfɔɖeɖe gbãtɔ siwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye be woagabia tso ɖasefo aɖeke si be wòaɖuɖɔ Biblia le ʋɔnudrɔ̃ƒe o kple be woadzudzɔ tsinokplu ɖeka zazã le sukuwo alo ketekedzeƒewo. Wodze agbagba gɔ̃ hã be woatsɔ kpluwo vɛ na amesiame ɖe weinnokplu ɖeka si wozãna le sɔlemewo me teƒe. Nyateƒee, edze abe susu yeye gɔmeɖoanyila gbãtɔ siawo te ŋu kpɔ dzidzedze aɖe le nɔnɔme si nɔ amewo si ɖe dzadzɛnyenye ŋu tɔtrɔ me ene. Etrɔ amewo ƒe nɔnɔme ale gbegbe be nuŋlɔla aɖe gblɔle emetsonua ŋu be \"woku ɖe dzadzɛnyenye ŋu abe alesi lɔlɔ̃tɔwo kuna ɖe wo nɔewo ŋui ene.\"\nGake edze ƒã be gota mɔ aɖe nu koe \"woku ɖe dzadzɛnyenye\" ŋu le ene. Eteƒe medidi hafi asitsalawo va trɔ adzalẽ si wonya xoxoxo la wòzu atsyɔ̃nu o. Boblododo si wotsɔ aɖaŋudzedze wɔ va na be nuƒlelawo xɔe se be nusiwo wotsɔ dzraa ame ɖokui ɖo siawo zazã nana be wotsɔa bubu tɔxɛ naa ezãla si ana ame bubuwo naʋã ŋui. Television dzi nukpɔkpɔwo doa nuŋububu sia ɖe ŋgɔ. Esesẽna hafi woakpɔ nudzedziname tɔwo kple tugbefia siwo woɖena fiana le boblododo wɔnawo kple fefewo me be wole aƒeme dzram ɖo, alo le xɔxɔnu kplɔm, alo le gbeɖuɖɔ fɔm le anyigba, alo le dadi kple avu siwo nɔa wo ŋu ƒe afɔdziwo lɔm.\nAme aɖewo hã li siwo susuna be dɔmededee kpɔa yewo ƒe gazazãwo gbɔ, ke aƒemedɔ alo dzadzɛnyenye dɔ bubuwo ya mehea ga vɛ o. Eye esi wònye be womekpɔa ga tso eme o la, nukatae wòle be woatsɔ ɖe le wo ɖokui gbɔ dzadzraɖo me? Nusiawo me tsonu ɖeka enye be ame aɖewo va bunɛ egbea be ameɖokui dzadzraɖo koe dzadzɛnyenye nye.\nMawu ƒe Nukpɔsusu le Dzadzɛnyenye Ŋu\nÐikeke mele eme o be agbagba siwo wodze le dzadzɛnyenye fiafia le gɔmedzedzea me na amewo ƒe nɔnɔme nyo ɖe edzi. Eye esia le eteƒe, elabena Mawu kɔkɔe si le dzadzɛ ye Yehowa nye eye egbɔe dzadzɛnyenye dzɔ tso. Efia nu mí be míanɔ kɔkɔe ahanɔ dzadzɛ le nusianu me be wòaɖe vi na mía ŋutɔwo.—Yesaya 48:17; Petro I, 1:15.\nYehowa Mawue nye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖola le go sia me. Dzadzɛnyenye kple nɔnɔme bubu siwo womekpɔna o la dzena kɔte le Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo wokpɔna me. (Romatɔwo 1:20) Míekpɔnɛ be eƒe nuwɔwɔwo ŋutɔ mehea ɖiƒoƒo si nɔa anyi ɖaa vɛ o. Anyigba la kple alesi eme nuwo trɔna ŋutɔ nye ɖikplɔmɔnu wɔnuku aɖe le eɖokui si, eye wowɔe be woanɔ eme le dzadzɛnyenye kple lãmesẽ me. Aɖaŋuwɔla si lɔ̃a dzadzɛnyenye ɖeka kolia ko gbɔe nusi wɔa dɔ alea la ate ŋu atso. Eyata esia ate ŋu ana míaƒo nya ta be ele be Mawu subɔlawo nanɔ dzadzɛ le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.\nDzadzɛnyenye ƒe Akpa Eneawo\nBiblia la fia asi dzadzɛnyenye ƒe akpa ene siwo gbɔ wòle be Mawu subɔlawo nadze agbagba aɖo. Na míale ŋku wo ŋu ɖekaɖeka.\nGbɔgbɔme. Woate ŋu abu dzadzɛnyenye sia be enye vevitɔ wu ɖesiaɖe, elabena elɔ ame ƒe agbe mavɔ si wòava nɔ le etsɔme la ɖe eme. Gake zi geɖe la, esiae nye dzadzɛnyenye ƒe akpa si dzi woŋea aɖaba ƒuna wu. Ne míagblɔe kpuie ko la, gbɔgbɔmedzadzɛnyenye me nɔnɔ fia be woagagbɔ se si Mawu de ku ɖe nyateƒe subɔsubɔ kple alakpa subɔsubɔ ŋu o, elabena Mawu bua alakpasubɔsubɔ ɖesiaɖe be enye nu makɔmakɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ be: \"Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.\" (Korintotɔwo II, 6:17) Nusrɔ̃la Yakobo hã gblɔ eƒe nya eme kɔ le go sia me be: \"Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene . . . woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.\"—Yakobo 1:27.\nMawu gblɔ alesi wòléa fu alakpasubɔsubɔ tsɔtsɔ tsaka eƒe nyateƒesubɔsubɔ eme kɔ kɔte. Zi geɖe la, alakpasubɔsubɔ lɔa kɔnu makɔmakɔwo kple legba kple mawuwo subɔsubɔ nyɔŋu ɖe eme. (Yeremya 32:35) Eyata woxlɔ̃ nu nyateƒe Kristotɔwo be woagaƒo wo ɖokuiwo ɖe tadedeagu makɔmakɔwo me o.—Korintotɔwo I, 10:20, 21; Nyaɖeɖefia 18:4.\nAgbenyuinɔnɔ. Mawu gade vovototo nusi le kɔkɔe kple nusi mele kɔkɔe o dome eme kɔ. Ne míagblɔe gbadzaa la, xexeame va le abe alesi woɖɔe le Efesotɔwo 4:17-19 ene be: \"Amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti . . ., amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.\" Agbe gbegblẽ ƒe nukpɔsusu sia dzena le mɔ geɖe nu, le esiwo dzena gaglã kple esiwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o me, eyata ele na Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ.\nAmesiwo lɔ̃a Mawu nyae be gbolowɔwɔ, amesiwo si vidzinu ɖeka le ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖefia katã nye dada le Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi. Gake nuwɔna siawo bɔ ɖe modzakaɖeɖe kple xexeame ƒe nuwɔnawo me. Eyata ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme mawo ŋu. Awu kpui siwo nana ame ƒe ŋutinuwo dzena dodo va Kristotɔwo ƒe kpekpe alo hadomekpekpewo hea susu yia ŋutinuwo dzi madzemadzee eye wòɖena amea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le go sia me fiana. Tsɔ kpe ɖe xexeame ƒe nukpɔsusu gbegblẽ si wòahe va Kristotɔwo ƒe hadede me ŋu megbe la, awudodo alea ate ŋu aƒã tamebubu makɔmakɔ ɖe ame bubuwo me. Nusiawo mee wòle na Kristotɔwo be woadze agbagba aɖe \"nunya, si tso dziƒo\" afia le.—Yakobo 3:17.\nSusume. Mele be ame ƒe susu ƒe gogloeƒe nanye tamesusu makɔmakɔ dzraɖoƒe o. Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe nu makɔmakɔ ŋu bubu ŋu esi wògblɔ be: \"Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.\" (Mateo 5:28; Marko 7:20-23) Nya sia sɔ ŋutɔŋutɔ na amamaɖeɖe fotowo kple sinimawo kpɔkpɔ, gbɔdɔdɔnuwɔna ŋu nya xexlẽ, kple toɖoɖo ha me nya siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me siaa ŋu. Eyata ele na Kristotɔwo be woaƒo asa na ɖiƒoƒo wo ɖokui kple tamesusu makɔmakɔ siwo ana be míagblɔ nya alo awɔ nu madzemadzewo kple nu makɔmakɔwo.—Mateo 12:34; 15:18.\nŊutilãme. Wotsɔa kɔkɔenyenye kple ŋutilãmedzadzɛnyenye sɔna kple wo nɔewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ be: \"Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.\" (Korintotɔwo II, 7:1) Eyata ele be nyateƒe Kristotɔwo nado vevie be woadzra woƒe ametia, woƒe aƒeme, kple wo ɖokui gbɔ ɖo wòanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe, le alesi nɔnɔmeawo aɖe mɔ na woe nu. Le afisiwo tsi siwo woatsɔ anyã nu alo tsi si woale vena le kura gɔ̃ hã la, ele be Kristotɔwo nawɔ wo tɔ sinua alesi woate ŋui be wo ŋu nakɔ anya kpɔ.\nŊutilãmedzadzɛnyenye me nɔnɔ bia hã be woaƒo asa na atama zazã le mɔ ɖesiaɖe nu, ahasesẽ nono fũ, kple atikevɔ̃ɖi ɖesiaɖe zazã, si ƒoa ɖi ŋutilãa hegblẽa nu le ame ŋu. Alẽkplɔla si ŋu nya wogblɔ le Hawo ƒe Ha me la kpɔ dzidzɔ ɖe Sulamit-nyɔnuvia ƒe avɔ siwo nɔ ʋeʋẽm lilili la ŋu. (Hawo ƒe Ha 4:11) Beléle na ametia nye nu nyui si wòle be míawɔ, esi míadi be míagaɖe ya ʋeʋẽ si ana mía gbɔ nɔnɔ nasesẽ na amesiwo te ɖe mía ŋu la o ta. Amiʋeʋĩwo zazã anyo, gake mele be woaxɔ ɖe tsilele edziedzi kple awu dzadzɛwo dodo teƒe o.\nNukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ\nAmewo te ŋu wɔa nu wògbɔa eme le beléle na ameɖokui gome. Gake dzitsitsi fũ ɖe dzadzɛnyenye ŋu ate ŋu ana dzidzɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí le agbe me. Ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi veviwo gɔ̃ hã. Le go bubu me hã la, gbeɖuɖɔ kple aƒe si womeléa be na nyuie o ate ŋu ana woagblẽ ga geɖe. Go eve siawo mee wòle be míada asɔ le ku ɖe alesi míeléa be na míaƒe aƒewo me ŋu be wòanɔ dzadzɛ anya kpɔ.\nNa nuwo nanɔ kpokploe. Aƒe alo xɔ siwo me nuwo sɔ gbɔ ɖo fũ dzadzraɖo sesẽna, eye womate ŋu akpɔ ɖi si anɔ wo me la bɔbɔe o. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe xɔ siwo me nuwo mesɔ gbɔ ɖo fũ o dzadzraɖo xɔna. Wokafu agbe tsɛ nɔnɔ na mí vevie le Biblia be: \"Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.\"—Timoteo I, 6:8.\nNa woanɔ ɖoɖo nu. Aƒe si le dzadzɛ ƒe agba le emenɔla dzi. Zi geɖe la, xɔme ƒoɖiwoe va zua aƒe ƒoɖiwo. Nuwo ƒe ɖoɖonunɔnɔ fia be nusianu nanɔ eteƒe pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, mele be woada nudodo ƒoɖiwo ɖe xɔdɔme me o. Eye esi gale vevie wu enye be fefenu kple dɔwɔnu siwo wokaka ɖi ate ŋu ade abi ame ŋu. Afɔku siwo dzɔna le aƒeme dometɔ geɖe tsoa numawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu gbɔ.\nEme kɔ ƒã be dzadzɛnyenye kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ zɔna aduadu. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ku ɖe agbenɔnɔ ɖe mawuvɔvɔ̃ nu be enye \"Mɔ tata Kɔkɔe.\" Eye wògblɔ nya si na wobua tame kpee be \"ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.\" (Yesaya 35:8) Ẽ, dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔme nyuiwo tutuɖo fifia ɖoa kpe míaƒe Mawu ƒe ŋugbedodo dzixɔsea dzi vevie be ahe paradiso si le dzadzɛ ava anyigba dzi kpuie. Ɣemaɣi la, amesiwo katã anɔ anyigba dzeani ma ƒe afisiafi la akafu Yehowa Mawu to wɔwɔ ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔ deblibo siwo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu dzi bliboe.—Nyaɖeɖefia 7:9.\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nAƒe si le dzadzɛ nyea emenɔlawo katã ƒe agbanɔamedzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nAnyigba la ŋutɔ trɔa asi le eme ɖinuwo ŋu le nukumɔ nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020201\/Dzadz%C9%9Bnyenye-Nuka-Tututue-W%C3%B2fia\/","date":"2024-04-24T14:17:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296819273.90\/warc\/CC-MAIN-20240424112049-20240424142049-00266.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977862239,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977862238883972}","num_words":1686,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Yesu dzo le afi ma va wo de,+ eye eƒe nusrɔ̃lawo le eyome. 2 Esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame siwo se eƒe nyawo la dometɔ akpa gãtɔ ƒe nu ku, eye wogblɔ be: \"Afi kae ame sia kpɔ nu siawo tsoe?+ Nu ka tae woana nunya sia gbegbee, eye aleke wɔ wòte ŋu le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?+ 3 Alo menye Maria ƒe vi,+ si nye atikpala lae+ nye esia, eye wònye Yakobo,+ Yosef, Yuda kple Simon+ nɔvi oa? Eye ɖe nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afi sia oa?\" Eya ta eƒe nyawo ɖia wo nu. 4 Ke Yesu gblɔ na wo be: \"Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le wo de, eƒe ƒometɔwo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko womebunɛ le o.\"+ 5 Eya ta mete ŋu wɔ ŋusẽdɔ aɖeke le afi ma o, negbe dɔnɔ ʋɛ aɖewo dzi ko wòda asi ɖo heda gbe le wo ŋu. 6 Le nyateƒe me la, woƒe dzimaxɔse la wɔ moyaa nɛ. Eye wòyi ɖatsa le kɔƒe siwo ƒo xlã afi ma la me hele nu fiam.+ 7 Azɔ Yesu yɔ Ame Wuieveawo, eye wòdɔ wo eveeve,+ eye wòna ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi.+ 8 Ede se na wo hã be womegatsɔ naneke ɖe asi na mɔzɔzɔa o, negbe atizɔti ko, womegatsɔ abolo alo nuɖuɖukotoku o, eye ga* aɖeke naganɔ woƒe gabutuwo me o,+ 9 woado afɔkpa, gake womegado awu eve o.* 10 Egagblɔ na wo hã be: \"Ne mieyi du aɖe me la, minɔ aƒe si me miedze la me va se ɖe esime miadzo le dua me.+ 11 Eye afi sia afi si womexɔ mi alo ɖo to mi le o la, ne miele dzodzom le afi ma la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi wòanye ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋu.\"+ 12 Ale wodze mɔ eye woɖe gbeƒã be amewo natrɔ dzi me,+ 13 wonya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo+ do goe, wosi ami na dɔnɔ geɖewo eye woda dɔ na wo. 14 Azɔ Fia Herodes se nya siawo, elabena Yesu ƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye amewo le gbɔgblɔm be: \"Wofɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela tso ame kukuwo dome, eye esia tae wòte ŋu le ŋusẽdɔwo wɔm ɖo.\"+ 15 Ke ame bubuwo nɔ gbɔgblɔm be: \"Eliya ye.\" Bubuwo hã be: \"Nyagblɔɖilae wònye abe blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene.\"+ 16 Ke esi Herodes see la, egblɔ be: \"Yohanes si nu metso ta le lae wofɔ ɖe tsitre.\" 17 Elabena do ŋgɔ la, Herodes ŋutɔ dɔ ame wolé Yohanes tu ɖe gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ ta, elabe exɔe ɖe.+ 18 Elabena Yohanes gblɔ na Herodes enuenu be: \"Se meɖe mɔ na wò be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.\"+ 19 Eya ta Herodia lé Yohanes ɖe dɔme, eye wòdi be yeawui, ke mete ŋui o. 20 Herodes vɔ̃na na Yohanes, elabena enyae be ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe+ wònye, eye wòkpɔa egbɔ be ele dedie. Eye ne eɖo to se eƒe nyawo vɔ la, menyaa nu si wòawɔ o, ke hã esea eƒe nyawo kple dzidzɔ. 21 Ke mɔnu aɖe va ʋu na Herodia gbe ɖeka, esi Herodes ɖo kplɔ̃ le eƒe dzigbeŋkeke+ dzi na eƒe amegãwo kple aʋafiagãwo kpakple Galilea ame ŋkutawo le fiẽ aɖe.+ 22 Herodia vinyɔnuvi va ɖu ɣe wòdze Herodes kple ame siwo le kplɔ̃ ŋu kplii la ŋu. Fia la gblɔ na nyɔnuvia be: \"Bia nu sia nu si nèdi lam, eye mana wò.\" 23 Ɛ̃, eka atam nɛ be: \"Nu sia nu si nàbiam la, mana wò, va se ɖe nye fiaɖuƒea ƒe afã ke hã dzi.\" 24 Eya ta edo go yi ɖabia dadaa be: \"Nu kae mabia?\" Eɖo eŋu nɛ be: \"Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta.\" 25 Enumake eɖe abla va fia la gbɔ hebia nu si wòdi, gblɔ be: \"Medi be nàtsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba me nam fifi laa.\"+ 26 Togbɔ be nya sia te ɖe fia la dzi vevie hã la, medi be yeagbe enana o, le atam siwo wòka kple ame kpekpeawo* ta. 27 Eya ta fia la dɔ eŋusrafo ɖeka ɖa enumake heɖe gbe nɛ be wòatsɔ Yohanes ƒe ta avɛ. Eyi ɖatso ta le enu le gaxɔa me, 28 eye wòtsɔ ta la de agba me vɛ hetsɔe na nyɔnuvia, eye nyɔnuvia tsɔe yi na dadaa. 29 Esi eƒe nusrɔ̃lawo see la, wova tsɔ eƒe kukua yi ɖaɖi ɖe yɔdo* me. 30 Apostoloawo va ƒo ƒu ɖe Yesu gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ kple nu siwo wofia la nɛ.+ 31 Egblɔ na wo be: \"Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne miaɖi ɖe eme vie.\"+ Elabena ame geɖewo le vavam le dzodzom, eye womekpɔ vovo aɖu nu teti hã o. 32 Eya ta woawo ɖeɖe woɖo tɔdziʋu yi ɖe teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.+ 33 Gake amewo kpɔ wo esime wodzo yina, eye ame geɖewo see, eye woƒu du tso duawo katã me yi afi ma, eye wotre ɖoɖo na wo. 34 Esi wòɖi go la, ekpɔ ameha gbogbo aɖewo, eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.+ Eye wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.+ 35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: \"Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom.+ 36 Ðe asi le wo ŋu ne woayi agbleta kple kɔƒe siwo ƒo xlã mí la me aɖaƒle nu aɖu.\"+ 37 Ke eɖo eŋu na wo be: \"Miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.\" Ke wogblɔ nɛ be: \"Ðe míayi aɖaƒle abolo denario* alafa eve nu na ameawo woaɖua?\"+ 38 Egblɔ na wo be: \"Abolo nenie le mia si? Miyi ɖakpɔe ɖa!\" Esi woyi gbɔ la, wogblɔ nɛ be: \"Abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve.\"+ 39 Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi le hatsotsowo me ɖe gbe mumuawo dzi.+ 40 Eya ta wonɔ anyi ɖe hatsotsowo me, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃. 41 Esi wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo la, efɔ mo dzi kpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi.+ Eye wòŋe aboloawo me hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo kɔme, eye wòma tɔmelã eveawo me na wo katã. 42 Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo; 43 eye woƒo abolo kakɛawo nu ƒu wòyɔ kusi wuieve, tɔmelã siwo susɔ ya mele eme o.+ 44 Ame siwo ɖu aboloawo la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe atɔ̃. 45 Emegbe ena eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋua dze ŋgɔ ɖo ta Betsaida le ƒua ƒe go kemɛ dzi eye eya ŋutɔ do mɔ amehaawo.+ 46 Esi wòdo hedenyuie na wo vɔ la, eyi ɖe to aɖe dzi be yeado gbe ɖa.+ 47 Esi fiẽsi ɖo la, tɔdziʋu la ɖo ƒu la titina, ke eya ɖeka susɔ ɖe go dzi.+ 48 Eye esi wòkpɔ be ʋua kuku le sesẽm na wo, elabena ya ƒo va le wo kpem, anɔ zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* lɔƒo la, ezɔ ƒua dzi gbɔna wo gbɔ; ke ewɔ abe ɖe wòdi be yeato wo ŋu ayi ene. 49 Esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobia wo ɖokuiwo be: \"Drɔ̃e yea?\" Eye wodo ɣli. 50 Elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu gblɔ na wo enumake be: \"Miaƒe dzi nedze eme! Nyee; migavɔ̃ o.\"+ 51 Ege ɖe tɔdziʋua me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ ƒoƒo. Eye woƒe nu ku ŋutɔ, 52 elabena womekpɔ nufiame si le abolo siwo wòna me la dze sii o, eye womete ŋu le nuwo gɔme sem o.* 53 Esi wotso ƒua la, woɖi go ɖe Genezaret, eye wotɔ ʋua ɖe afi ma lɔƒo.+ 54 Ke esi woɖi le ʋua me teti ko la, amewo kpɔe dze sii. 55 Eye wolé du tsɔ yi ɖagblɔe le nuto ma katã me, wokɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va afi si wose be Yesu le la. 56 Afi sia afi si wòyi le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo va dana ɖe ablɔ me,* eye woɖea kuku nɛ be yewoaka asi eƒe awu toga teti ŋu.+ Eye ame siwo katã ka asi eŋu la haya.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"akɔbliga.\"\n^ Alo, \"gake woagatsɔ awu bubu o.\"\n^ Alo, \"ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii.\"\n^ Alo \"ŋkuɖodziyɔdo.\"\n^ Efia, fɔŋli ga 3 lɔƒo va se ɖe esime agu dze le ŋdi 6 lɔƒo.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"woƒe dzi menɔ nuwo gɔme sem o.\"\n^ Eganye afi si hã amewo ɖia asi le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/marko\/6\/","date":"2024-04-19T01:06:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817249.26\/warc\/CC-MAIN-20240418222029-20240419012029-00174.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995130301,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995130300521851}","num_words":1335,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2001 Alesi Ahosinyenye Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nyɔnu Eve Dzii Kpekpeɖeŋunana Ahosiwo le Woƒe Xaxawo Me Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La Yi Edzi Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Yehowa Ƒe Subɔsubɔdɔa Me Wokɔ Mawu ƒe Ŋkɔ Ŋuti tso Ðiƒoƒo Me Gbɔgbɔyɔyɔ Kple Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ Didi Ŋgɔyiyi Alesi Yehowa Dii Ye Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Dzidzɔ Biblia la Babla Ðekae","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010501\/","date":"2024-04-24T23:46:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296819971.86\/warc\/CC-MAIN-20240424205851-20240424235851-00782.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9930934906,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9930934906005859}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.181,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 15, 2005 Nusi Ku Gblẽna le Ame Ŋu \"Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi\" Le Galilea-ƒua Dzi Fia ƒe Biblia—Agbalẽsɔsrɔ̃ me Dɔwɔnu Ðedzesi Aɖee Àɖe Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Afiaa? Kristotɔwo Ðea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana Lɔlɔ̃ Ƒe Se Si Le Dziwo Me Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050815\/","date":"2024-04-14T11:47:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816879.25\/warc\/CC-MAIN-20240414095752-20240414125752-00044.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981245995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981245994567871}","num_words":46,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu.\"—Mateo 6:25.\nNu kae esia fia? Yesu ye gblɔ nya mawo le eƒe Todzimawunyaa me. Le Biblia ƒe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be \"tsi dzimaɖi\" ate ŋu afia ale si \"amewo wɔa nui ne ahedada, dɔwuame kple agbemekuxiwo tu wo.\" Zi geɖe la, dzimaɖitsitsi nyea dzitsitsi ɖe nu si ate ŋu adzɔ le etsɔme ŋu. Esɔ eye wòle dzɔdzɔme nu be míabu míaƒe agbemenuhiahiã veviwo kple míaƒe ame veviwo ƒe dedienɔnɔ ŋu. (Filipitɔwo 2:20) Gake esi Yesu gblɔ be, \"migatsi dzimaɖi gbeɖe\" o la, enɔ aɖaŋu ɖom na eyomedzelawo be woaƒo asa na dzitsitsi atraɖii, si nye vɔvɔ̃ na etsɔme, si ate ŋu awɔe be woaganɔ dzidzɔ kpɔm fifia o.—Mateo 6:31, 34.\nÐe wògaɖea vi egbea? Nunya le eme be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Nu ka tae? Numekugbalẽ aɖewo ɖee fia be ne ame tsi dzimaɖi vevie la, ekpɔa ŋusẽ ɖe lãmekawo kple ŋutinuwo ƒe dɔwɔwɔ dzi atraɖii, eye esia \"tea ŋu hea lãmesẽkuxi siwo dometɔ aɖewo nye dɔmebi, dzidɔ kple gbɔxi vanɛ.\"\nYesu gblɔ susu vevi si tae wòle be míaƒo asa na dzimaɖitsitsi dzodzro ɖo: Eyae nye be mehiã koŋ o. Yesu gblɔ be: \"Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?\" (Mateo 6:27) Míaƒe kuxiwo ŋu bubu fũu akpa madidi míaƒe agbenɔƒe ɖe edzi sekɛnd ɖeka teti hã ʋuu keke wòahayi nana ge be agbea naka ɖe eme na mí o. Eye zi geɖe la, etsɔme meva nɔna abe ale si míesusui ene o. Agbalẽnyala aɖe gblɔe nyuie be: \"Dzimaɖitsitsi ɖe etsɔme ŋu nye fuɖeɖe na ame ɖokui dzodzro, eye zi geɖe la, menye nu siwo míenɔ vɔvɔ̃m na ye va dzɔna le etsɔme o.\"\nNu kae akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ dzimaɖitsitsi? Gbãtɔe nye, ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ne Mawu nyia dziƒoxewo heɖoa atsyɔ̃ na seƒoƒowo la, ɖe makpɔ ame siwo ƒe nu vevitɔ le agbe mee nye be yewoasubɔe la ƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na wo oa? (Mateo 6:25, 26, 28-30) Evelia, bu ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe hiahiãwo ko ŋu. Yesu gblɔ be: \"Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.\" Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be \"ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ\" oa?—Mateo 6:34.\nNe míewɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le dzi la, míate ŋu aƒo asa na kuxi siwo agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Gawu la, dzidzeme si Biblia yɔ be \"Mawu ƒe ŋutifafa\" asu mía si.—Filipitɔwo 4:6, 7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2016\/migatsi-dzima%C9%96i-o\/","date":"2024-04-16T01:43:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817036.4\/warc\/CC-MAIN-20240416000407-20240416030407-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979301095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997930109500885}","num_words":423,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔviwo, mìele ŋku ɖe agbalẽ sia ŋu heƒlee elabena eya koe ateŋu kplɔ mì yi ɖe míade gbea nyuie dodo me. Agbalẽ sia nye EWE-ENGLISH alo ENGLISH-EWE agbalẽ na amesiwo le ŋlisigbenyatiawo dzim le ʋegbe me alo eʋegbenyatiawo dzim le ŋlisigbe me. Mìakpɔ agbalẽ sia fifia le Ghana agbalẽ dzraƒewo vevietɔ le Amugãnutoawo (Volta-Region) me fifia.\nMíele ame sia ame si le kadodo me kple asitsalawo le ablotsi looo, alo le du bubu siwo menye eʋe duwo me o la kpem bena woatsa ka kple mí le +33 75 15 98 412 alo E-mail sia nye akpoxɔnu lè robots spammars ŋu. JavaScript ƒe sisi hiã̀ ne ekpɔkpɔ. dzi, na EƲE DZOMI dzadzra le teƒe si wole la me. Mìena míedo míaƒe alɔŋu dɔwɔwɔwo ɖe ŋgɔ hekpe ɖe mía nɔvi siwo le gbedzi ale bena woawo hã akpɔ gome na míade nuɖuɖuwo. Akpe namì","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo","date":"2017-11-24T13:09:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00165.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978190064,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978190064430237}","num_words":138,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WONYRƆ YESU EYE WOTSƆ GBƆGBƆ SI AMI NƐ\nYEHOWA GBLƆ BE YESU NYE YE VI\nAnɔ abe ɣleti ade ene tso esime Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa dze gbeƒãɖeɖe gɔme la, Yesu, ame si xɔ abe ƒe 30 ene fifia la va egbɔ le Yordan-tɔsisia to. Ðe susu ka ta? Menye ɖeko wòyi be yeasrãe kpɔ o. Eye menye ɖeko Yesu yi be yeakpɔ ale si Yohanes ƒe dɔa le edzi yimee o. Ke boŋ ɖe Yesu va be Yohanes nanyrɔ ye.\nMewɔ nuku o be Yohanes gbe. Egblɔ be: \"Nyee wòhiã be nànyrɔ, eye wò boŋ nègbɔna gbɔnyea?\" (Mateo 3:14) Yohanes nyae be Yesu nye Mawu ƒe Vi tɔxɛ. Ðo ŋku edzi be Yohanes gli kple dzidzɔ le dadaa ƒe dɔme esime Maria, si ƒo Yesu ƒe fu nɔ la va srã Yohanes dada, Elizabet kpɔ. Anɔ eme be Yohanes dada gblɔ nya sia nɛ emegbe. Eye anɔ eme be ese nu tso ale si mawudɔlaa ɖe gbeƒã Yesu dzidzi kple ale si mawudɔlawo ɖe wo ɖokuiwo fia alẽkplɔlawo le zã si me wodzii la hã ŋu.\nYohanes nyae be ame siwo trɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo mee wòhiã be yeanyrɔ. Gake nu vɔ̃ mele Yesu ya ŋu o. Togbɔ be Yohanes gbe hã la, Yesu ƒoe ɖe enu be: \"Lɔ̃ ɖe edzi nam fifia, elabena mɔ sia dzie míato awɔ nu siwo katã le dzɔdzɔe.\"—Mateo 3:15.\nNu ka tae wònye nu si sɔ be woanyrɔ Yesu? Menye dzimetɔtrɔ tso nu vɔ̃wo me ƒe dzesie Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la nye o. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa ɖee fia be etsɔ eɖokui na Fofoa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 10:5-7) Atikpalae Yesu nye, gake ɣeyiɣia de nɛ azɔ be wòadze subɔsubɔdɔ si ta Fofoa si le dziƒo dɔe ɖo ɖe anyigba dzi la gɔme. Èsusu be Yohanes nɔ mɔ kpɔm be nu tɔxɛ aɖe adzɔ ne yenyrɔ Yesua?\nYohanes ka nya ta emegbe be: \"Ame si dɔm be matsɔ tsi anyrɔ amewo lae gblɔ nam be: 'Ame si dzi nèkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae tsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔa amewo.'\" (Yohanes 1:33) Eya ta Yohanes nɔ mɔ kpɔm be Mawu ƒe gbɔgbɔ la aɖi ɖe ame aɖe si yeanyrɔ la dzi. Eya ta mewɔ moyaa nɛ be esime Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ \"Mawu ƒe gbɔgbɔ la wòle ɖiɖim ɖe [Yesu] dzi abe ahɔnɛ ene\" o.—Mateo 3:16.\nGake nu geɖe wu ema dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi. 'Dziƒo nu ʋu' nɛ. Nu sia gɔme ɖe? Ðewohĩ efia be esi wonyrɔ Yesu la, eɖo ŋku eƒe dziƒogbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu dzi. Eya ta Yesu ɖo ŋku eƒe anyinɔnɔ abe Yehowa ƒe gbɔgbɔmevi ene kple nu siwo katã Mawu fiae le dziƒo le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu la dzi azɔ.\nHekpe ɖe eŋu la, esi wonyrɔ Yesu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: \"Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.\" (Mateo 3:17) Ame ka ƒe gbee nye ema? Mate ŋu anye Yesu ŋutɔ ƒe gbe o; elabena enɔ Yohanes gbɔ le afi ma. Mawu ƒe gbee. Edze ƒãa be Yesu nye Mawu ƒe Vi. Menye eyae nye Mawu o.\nEɖe dzesi be Yesu nye Mawu ƒe vi si nye amegbetɔ, abe ale si ko wònɔ le ame gbãtɔ Adam hã gome ene. Le nuƒoƒo tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu vɔ megbe la, nusrɔ̃la Luka ŋlɔ be: \"Esi Yesu dze eƒe dɔa gɔme la, exɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene, eye le amewo ƒe susu nu la, enye Yosef vi, Eli vi, . . . David vi, . . . Abraham vi, . . . Noa vi, . . . Adam vi, Mawu ƒe vi.\"—Luka 3:23-38.\nAle si ko Adam nye 'Mawu ƒe vi' la, nenema kee Yesu hã nye Mawu ƒe vii. Esi wonyrɔ Yesu la, ƒomedodo yeye aɖe va nɔ eya kple Mawu dome, eye wòzu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi. Ale Yesu dze bliboe be wòafia Mawu ŋuti nyateƒea ahafia agbemɔ la amewo. Yesu dze agbenɔnɔ si ana wòava tsɔ eƒe agbe asa vɔe ɖe amegbetɔƒomea si nye nuvɔ̃mewo ta emegbe la gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-g%C9%94medzedze\/ny%C9%94nyr%C9%94x%C9%94x%C9%94\/","date":"2017-12-18T15:43:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948617816.91\/warc\/CC-MAIN-20171218141805-20171218163805-00752.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983506203,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983506202697754}","num_words":660,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WONA GA YUDA ISKARIOT BE WÒADE YESU ASI\nAPOSTOLO EVE YI ÐADZRA ÐO ÐE ŊUTITOTOŊKEKENYUIA ŊU\nYesu fia nu apostolo eneawo vɔ le Amitoa dzi heɖo nya si wobia tso eƒe anyinɔɣi le etsɔme kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ŋu na wo.\nDɔ siwo wòwɔ le Nisan 11 lia dzi la sɔ gbɔ loo! Anɔ eme be esi wotrɔ yina Betania be yewoatsi afi ma adɔ lae Yesu gblɔ na apostoloawo be: \"Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye wole Amegbetɔvi la de ge asi woahe ɖe ati ŋu.\"—Mateo 26:2.\nAnye be le Kuɖa, si nye ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yesu kple eƒe apostoloawo meyi afi aɖeke o. Le Braɖagbe la, Yesu ka mo na subɔsubɔhakplɔlawo heklo nu le woƒe nuwɔnawo dzi le dutoƒo. Wole didim be yewoawui azɔ. Eya ta medo ɖe amewo dome le Nisan 12 lia dzi o, ale be naneke nagaxe mɔ na eya kple eƒe apostoloawo be woagaɖu Ŋutitotoa o, elabena aɖu Ŋutitotoa le Yawoɖa ƒe ɣeɖoto, si nye Nisan 14 lia ƒe gɔmedzedze.\nKe hã, hafi Ŋutitotoŋkekenyuia naɖo edzi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo hã nɔ dɔ dzi. Wova ƒo ƒu ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe me. Nu ka tae? Dzi le wo kum elabena Yesu klo nu le woƒe nuwɔnawo dzi. Azɔ wode asi nugbeɖoɖo me \"be yewoato ayemɔ dzi alé Yesu awu.\" Mɔ ka dzie woato awɔ esia, eye ɣekaɣie woawɔe? Wogblɔ be: \"Manye le ŋkekenyuia ɖuɣi o, be zi nagatɔ le dukɔ la me o.\" (Mateo 26:4, 5) Wole vɔvɔ̃m, elabena ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ŋu.\nKasia, ame aɖe va subɔsubɔhakplɔla siawo gbɔ. Ewɔ nuku na wo be Yuda Iskariot, si nye Yesu ŋutɔ ƒe apostoloawo dometɔ ɖekae. Satana ƒã susua ɖe tame nɛ be wòade eƒe Aƒetɔ la asi! Yuda bia wo be: \"Nu kae mianam ne madee asi na mi?\" (Mateo 26:15) Dzi dzɔ wo ŋutɔ eye \"wolɔ̃ ɖe edzi be yewoana klosalogae.\" (Luka 22:5) Ho neni? Wolɔ̃ ɖe edzi kple dzidzɔ be yewoanae klosalo 30. Gɔmesese aɖe le home si nye sekel 30 la ŋu, elabena ga home mae wotsɔ ƒlea kluvii. (2 Mose 21:32) Subɔsubɔhakplɔlawo to esia dzi do vlo Yesu, womebui ɖe ɖeke me o. Azɔ Yuda le \"mɔnu dim be yeadee asi esime ameha la manɔ eŋu o.\"—Luka 22:6.\nNisan 13 lia dze egɔme azɔ le Kuɖa ƒe ɣeɖoto, eye esiae nye zi adelia kple mamlɛtɔ si Yesu tsi Betania dɔ. Le ŋufɔke la, ele be woawɔ dzadzraɖo mamlɛtɔwo hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Ele be woadi alẽvi si woawu ahamè bliboe ne Nisan 14 lia dze egɔme. Afi kae woaɖu nua le, eye ame kae akpɔ egbɔ be nuawo sɔ gbe? Yesu mena wonya haɖe o. Eya ta Yuda mate ŋu aʋu goe na nunɔlawo ƒe tatɔwo o.\nAnɔ eme be Yawoɖagbe ŋdɔ mee Yesu dɔ Petro kple Yohanes ɖa tso Betania hegblɔ na wo be: \"Miheyi ɖadzra ŋutitotoa ɖo na mí ne míaɖu.\" Wobiae be: \"Afi kae nèdi be míadzrae ɖo le?\" Yesu gblɔ be: \"Ne miege ɖe dua me la, ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome yi aƒe si me wòage ɖo la me. Eye migblɔ na aƒea tɔ be, 'Nufiala be míabia wò be: \"Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoa le la le?\"' Eye ame ma afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzrae ɖo le afi ma.\"—Luka 22:8-12.\nÐikeke mele eme o be aƒea tɔ la nye Yesu ƒe nusrɔ̃la. Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be Yesu abia tso ye si be yeazã aƒea na wɔna sia. Esi apostolo eveawo ɖo Yerusalem la, wokpɔe abe ale si tututu Yesu gblɔe na wo ene. Eya ta wokpɔ egbɔ be alẽvia kple nu mamlɛ siwo katã hiã hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu la sɔ gbe, eye woade ame 13-awo, siwo nye Yesu kple eƒe apostolo 12-awo nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/%C5%8Butitoto-maml%C9%9Bt%C9%94-gogo\/","date":"2017-12-17T04:45:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948592972.60\/warc\/CC-MAIN-20171217035328-20171217061328-00556.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992240667,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999224066734314}","num_words":626,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mexico Ƒukɔme\nEsi afɔku aɖe dzɔ le tomemikuƒe aɖe le April 2010 me la, ami kple gas gbogbo aɖe kɔ ɖe atsiaƒua me hena ɣleti etɔ̃ sɔŋ kloe. Numekuha aɖe de dzesii be, ɣleti eve kple afã le afɔku sia megbe la, aɖi si ami sia gblẽ ɖi la dzi ɖe kpɔtɔ le nutoa me—le esi nugbagbevi aɖewo va le aɖi sia nom ta. Ke hã, numekula aɖewo ke ɖi woƒe nya sia; elabena woxɔe se be ɖe amia ƒe akpa gãtɔ sí yi atsiaƒua gɔme.\nRussia\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye Rossiiskaya Gazeta ka nya ta be, Russiatɔ 59 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo 35 xɔe se be, \"hafi nu nadze edzi na ame le agbe me la, ele be wòaŋe aɖaba aƒu agbeɖɔʋunɔnɔ ƒe dzidzenu aɖewo dzi godoo.\"\nPeru\nBlitikpoe xoxotɔ siwo ŋu woke ɖo (abe esi dze le etame ene) ɖee fia be ame siwo nɔ Peru ƒe dziehe tsɔa bli wɔa bli wowóe (alo, popcorn) eye wotua bliwɔ anɔ ƒe 3,000 sɔŋ enye sia.\nItaly\nKatolikotɔwo ƒe bisiɔp—Lucio Soravito De Franceschi—si le Adria-Rovigo, gblɔ be, anyo be woatsɔ mawunya \"ayi na amewo tẽe\" le afi sia afi si wole. Egblɔ kpee be, \"mele be osɔfowo ƒe ɖetsɔtsɔ le amewo me nanye sɔleme gawo ƒoƒo o, ke amewo ƒe agbonugawo ƒoƒo boŋ.\"\nSouth Africa\nGbenyiwo ƒe dzo, si wozãna le atikewɔwɔ me, ƒe kilogram ɖeka ƒe asi yi dzi kaka va ɖo Amerika dɔlar 65,000. Le ƒe 2011 me, le South Africa ɖeɖe dzaa la, amewo tre mɔ̃ na gbenyi 448 sɔŋ hebu mo na wo. Ame vlo aɖewo hã gbã blemanudzraɖoƒe kple adzɔnudzraƒe bubuwo le Europa hefi gbenyi ƒe dzo siawo. Edze ƒãa be gbenyi siwo le Europa ƒe lãwo kpɔƒewo gɔ̃ hã mele dedie o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201301\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-18T11:32:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948615810.90\/warc\/CC-MAIN-20171218102808-20171218124808-00774.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990072846,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990072846412659}","num_words":285,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èzi afi si gbegbɔgblɔwo dzena le le axa sia dzi la, gbegbɔgblɔ siwo nàkpɔ la wu 300, nu si màgate ŋu akpɔ le nyatakakadzraɖoƒe bubu aɖeke o!\nKe gbegbɔgblɔ nenie le nyatakakadzraɖoƒe bubuwo ya dzi? Bu eŋu kpɔ: Le July 2013 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakakadzraɖoƒea le gbegbɔgblɔ ade ko me. Europa si nye Europadukɔwo ƒe Ðekawɔha ƒe nyatakakadzraɖoƒea le gbegbɔgblɔ 24 ko me. Google le gbegbɔgblɔ 71 me eye Wikipedia le gbegbɔgblɔ 287 me.\nGaƒoƒo gbogbo aɖe ŋutɔ nyatakakadzraɖoƒe sia gɔme ɖeɖe ɖe gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔwo me xɔna! Yehowa Ðasefo alafa geɖe siwo di be yewoahe kafukafu vae na Yehowa lae wɔ dɔ sia ƒe akpa gãtɔ. Wowɔa dɔ le ƒuƒoƒowo me, eye wozãa aɖaŋu vovovo siwo su wo si tsɔ ɖea Eŋlisigbea gɔme.\nJW.ORG ƒe axa siwo gɔme woɖena ɖe gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔwo me la sɔ gbɔ ale gbegbe, eya ta ne wobu gbegbɔgblɔawo katã ƒe axawo la, wosɔ gbɔ ŋutɔ, wowu 200,000!\nJW.ORG de du hã ŋutɔ. Esia dze le ɖoƒe si Alexa dɔwɔƒea na nyatakakadzraɖoƒe sia. Dɔwɔƒe sia bua akɔnta tso ame siwo zãa nyatakakadzraɖoƒe ɖe sia ɖe ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, eye wòɖoa nyatakakadzraɖoƒeawo ɖe ɖoɖo nu le ame agbɔsɔsɔme si zãa wo nu. Nyatakakadzraɖoƒe 87,000 aɖewoe woyɔ le eƒe akpa si nye \"Mawusubɔsubɔhawo Kple Mawusubɔsubɔ,\" eye nyatakakadzraɖoƒe siawo dometɔ aɖewo nye xexemesubɔsubɔha gãtɔwo, mawunyagblɔlawo kple habɔbɔ siawo tɔgbiwo tɔ. Le nyatakakadzraɖoƒe mawo katã dome la, jw.org yee xɔ ɖoƒe evelia le July 2013 me! Nyatakakadzraɖoƒe si xɔ ɖoƒe gbãtɔe nye asitsanyatakakadzraɖoƒe aɖe si naa kpekpeɖeŋu Biblia-gɔmeɖela vovovowo.\nLe October 2013 me la, ame vovovo 890,000 woe ʋua jw.org gbe sia gbe. Míayi edzi anɔ Biblia me nyatakaka tuameɖowo nam amewo le afi sia afi faa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agbal%E1%BA%BDtata\/jw-org-over-300-gbegb%C9%94gbl%C9%94\/","date":"2017-12-17T23:56:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948599156.77\/warc\/CC-MAIN-20171217230057-20171218012057-00314.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986226559,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986226558685303}","num_words":272,"character_repetition_ratio":0.133,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dodokpɔ\nÐe nèdoa dziku kabakaba?\nkura o\nɣeaɖewoɣi\ngbe sia gbe\n-\nAleke gbegbe wò dzikua nu sẽnae?\nenu mesẽna tututu o\nenu sẽna vie\nenu sẽna ŋutɔ\n-\nAme ka ŋue nèdoa dziku ɖo?\ndzinyela\nnɔvinye\nxɔ̃nye\n-\nNe èkpɔe be ehiã be nàɖu wò dziku dzi la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò. Gbã la, kpɔ susu siwo tae wòle be nàlé ɖokuiwo kpoo ne wodo dziku na wò ɖa.\nNu si ta wòle vevie\nWò lãmesẽ. Lododowo 14:30 gblɔ be: \"Dzi fatu naa agbe ametia.\" Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Dzikudodo ate ŋu ana ame nakpɔ dzi kple ʋuka me dɔwo.\"—Journal of Medicine and Life.\nXɔ̃wòwo. Biblia gblɔ be: \"Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègado ka kple dzikutɔ o.\" (Lododowo 22:24) Eya ta ne èdoa dziku kabakaba la, megawɔ nuku na wò ne amewo melɔ̃na dea ha kple wò o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jasmine gblɔ be: \"Ne mèɖua wò dziku dzi o la, xɔlɔ̃ nyuiwo manɔ asiwò o.\"\nAle si wonya wòe. Ethan si xɔ ƒe 17 gblɔ be: \"Ne èdoa dziku kabakaba la, amewo ava nyae na wò eye woanɔ buwòm dzikumee.\" Bia ɖokuiwò be, 'Aleke medi be amewo nabum—ŋutifafame loo alo ame si dudua eƒe dziku kɔna ɖi bababa?' Biblia gblɔ be: \"Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi, ke ame si megbɔa dzi ɖi o la ɖea eƒe bometsitsi fiana.\"—Lododowo 14:29.\nNu si nàte ŋu awɔ\nKpɔ mawunyakpukpui siawo kple nya siwo amewo gblɔ la ɖa eye nàbia nya siwo le afi sia la ɖokuiwò.\nLododowo 29:22: \"Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ; eye dzikutɔ daa vo geɖe.\"\n\"Esi menye sɔhɛ dzaa la, esesẽna nam ŋutɔ be maɖu nye dziku dzi. Kuxi sia ke le fofonye ƒe ƒometɔwo hã ŋu. Míeyɔnɛ be ƒomenu. Esesẽna na mí ŋutɔ be míaɖu míaƒe dziku dzi!\"\n—Kerri.\nÐe medoa dziku veviea? Ne evivia nunye ne wokafum ɖe nye nɔnɔme nyuiwo ta ɖe, ɖe wòanyo be maɖe ɖokuinye nu be nye nɔnɔme gbegblẽwo ya la ƒomenue wonye nama?\nLododowo 15:1: \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.\"\n\"Nu vevitɔe nye be nàsrɔ̃ ale si nàɖu ɖokuiwò dzi. Ne ètu nɔnɔme fatuwo ɖo eye wò susu nɔa nu nyuiwo ŋu la, masesẽ na wò be nàɖu dzikudodo dzi o.\"\n—Daryl.\nNe medo dziku la, nu ka tae wòle vevie be malé ŋku ɖe afɔ gbãtɔ si maɖe ŋu?\nLododowo 26:20: \"Ne nake meli o la, dzo tsina.\"\n\"Ne meɖo nya ŋu nyuie la, enana ame kemɛa ƒe dzi fana eye míetea ŋu ɖoa dze le dziɖeɖi me.\"\n—Jasmine.\nAleke nye nuƒoƒo alo nye nuwɔna ate ŋu ana dziku nafla?\nLododowo 22:3: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.\"\n\"Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medzona le teƒea eye menaa ɣeyiɣi ɖokuinye be mabu nu si dzɔa ŋu ale be mate ŋu akpɔ nyaa gbɔ nyuie.\"\n—Gary.\nƔekaɣie wòanyo be nàdzo ne ame aɖe na wò dzi ho, evɔ mana wòadze be èdo lãtɔ amea o?\nYakobo 3:2: \"Mí katã míedaa vo zi geɖe.\"\n\"Ele be míase veve ɖe vo siwo míeda ta eye ele be míasrɔ̃ nu tso wo me hã. Ele be míaɖɔ vo siwo míeda la ɖo kaba eye míaɖoe be míawɔ nu si nyo wu ɣebubuɣi.\"\n—Kerri.\nAɖaŋuɖoɖo: Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò. Ðoe kplikpaa be yeaɖu ye ɖokui dzi hena ɣeyiɣi aɖe—ɖewohĩ hena ɣleti ɖeka. Nɔ ale si nuwo le yiyim la ŋlɔm ɖi eye nàde dzesi wò ŋgɔyiyiwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/a%C9%96u-dziku-dzi\/","date":"2017-12-13T08:11:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522205.7\/warc\/CC-MAIN-20171213065419-20171213085419-00100.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981546402,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981546401977539}","num_words":563,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wodɔ mawudɔla Gabriel ɖe ɖetugbi nyui aɖe, si ŋkɔe nye Maria la gbɔ. Egblɔ nɛ be adzi vi aɖe si aɖu fia yi ɖe mavɔmavɔ me. Wodzi Yesu, ɖevi la ɖe lãkpɔ me afisi alẽkplɔlawo yi egbɔ le. Emegbe la, ɣletivi aɖe kplɔ ŋutsu aɖewo tso Ɣedzeƒe yi ɖevi la gbɔe. Míele amesi na wokpɔ ɣletivi ma kple alesi woɖe Yesu tso agbagba, siwo wodze be woawui mee la srɔ̃ ge.\nEmegbe la, míakpɔ Yesu esime wòxɔ ƒe 12 henɔ nu ƒom kple nufialawo le gbedoxɔa me la. Ƒe 18 megbe la, wonyrɔ Yesu ɖe tsi me, eye wòdze Fiaɖuƒe ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si Mawu dɔe be wòava wɔ le anyigba dzi la gɔme. Yesu tia ame 12 hewɔ wo eƒe apostolowoe.\nYesu wɔ nukunu geɖe hã. Etsɔ tɔmelã ʋɛ aɖewo kple abolo ʋɛ aɖewo nyi ame akpewoe. Eda gbe le dɔlélawo ŋu, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Mlɔeba la, míele nu geɖe siwo dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe agbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛa me, kple alesi wowui la srɔ̃ ge. Yesu ɖe gbeƒã abe ƒe etɔ̃ kple afã ene, eyata Akpa ADELIA kpe ɣeyiɣi, si didi vie wu ƒe 34 ɖo.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 84 LIA\nEtsɔ Mawu ƒe gbedeasi aɖe vɛ nɛ: Maria le ŋutsuvi aɖe si ava ɖu fia tegbee la dzi ge.\nŊUTINYA 85 LIA\nNu ka tae woadzi ɖevi aɖe si ava zu fia le etsɔme la le lãkpɔ me?\nŊUTINYA 86 LIA\nAme kae na afakalawo va nya afi si Yesu le? Ðewohĩ ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.\nŊUTINYA 87 LIA\nŊutete aɖe le eŋu si wɔ moyaa na ame tsitsi siwo fiaa nu le gbedoxɔa me la gɔ̃ hã.\nŊUTINYA 88 LIA\nYohanes nyrɔa nu vɔ̃ wɔlawo ɖe tsi me, gake Yesu ya mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Ke nu ka tae Yohanes nyrɔe ɖe tsi me ɖo?\nŊUTINYA 89 LIA\nLɔlɔ̃ ʋã Yesu wòdo dziku le nu siwo wɔm ameawo le ta.\nŊUTINYA 90 LIA\nAleke tsi si Yesu ana nyɔnua la awɔe be tsikɔ magawui akpɔ o?\nŊUTINYA 91 LIA\nSrɔ̃ nu tso eƒe nya siwo me nunya le eye woɖea vi ɣesiaɣi la ŋu le eƒe Todzimawunyaa me.\nŊUTINYA 92 LIA\nLe Mawu ƒe ŋusẽ me la, Yesu gblɔ nya kpui eve aɖewo ko tsɔ fɔ Yairo vinyɔnua ɖe tsitre.\nŊUTINYA 93 LIA\nEsi Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la, nu vevi ka dzie esia ɖo kpee?\nŊUTINYA 94 LIA\nMenye ɖeko Yesu fia apostoloawo be woalɔ̃ ɖeviwo ko evɔ o, ke efia wo hã be nu geɖe li woasrɔ̃ tso ɖeviwo gbɔ.\nŊUTINYA 95 LIA\nSamariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la nye nufiafiaɖaŋu si wòzã zi geɖe.\nŊUTINYA 96 LIA\nNu kawoe nukunu siwo katã Yesu wɔ la ɖe fia?\nŊUTINYA 97 LIA\nAmeha gã aɖe va kpe Yesu kple dzidzɔ, gake menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o.\nŊUTINYA 98 LIA\nYesu gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la ŋuti nya na eƒe apostolo ene.\nŊUTINYA 99 LIA\nNu ka tae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe ƒe sia ƒe?\nŊUTINYA 100 LIA\nNu ka tae Yuda to nugbugbɔ na Yesu dzi de eya amea asi?\nŊUTINYA 101 LIA\nEsime woklã Yesu ɖe atia ŋu eye wòsusɔ vie wòaku la, edo paradiso ŋugbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/","date":"2017-12-13T06:45:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00658.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991354346,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999135434627533}","num_words":530,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAo, Biblia mefia naneke tso eŋu o. Nya \"gbugbɔgadzɔ\" alo nufiafia sia ƒe susu aɖeke medze le Biblia me o. Nufiafia si nye be luʋɔ mekuna o dzie wotu gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔsea ɖo. * Gake Biblia fia nu be ame blibo lae nye luʋɔ eye be luʋɔ kuna. (1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ; Ezekiel 18:4) Ne ame ku la, meganɔa agbe o.\nVovototo kae le gbugbɔgadzɔ kple tsitretsitsia dome?\nNu si Biblia fia tso tsitretsitsia ŋu medo ƒome aɖeke kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafia o. Le tsitretsitsia gome la, Mawu azã eƒe ŋusẽ atsɔ agbɔ agbe ame siwo ku. (Mateo 22:23, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Tsitretsitsia na mɔkpɔkpɔ nyui ame siwo ku la be woafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe le xexe yeye me, eye womagaku azɔ o.\nSusu totro siwo ku ɖe gbugbɔgadzɔ kple nya siwo wobe Biblia gblɔ ŋu\nSusu totro: Biblia gblɔ be gbugbɔgadzɔ ye nye \"gbugbɔgadzi.\"\nNyateƒea: Biblia ɖee fia be wogbugbɔa ame dzina le gbɔgbɔ me esime amea kpɔtɔ le agbe, ke menye ɖe amea kuna hafi o. (Yohanes 1:12, 13) Be woagbugbɔ ame adzi le mɔ sia nu mefia agbe si ame nɔ va yi me tsonu siwo nu mate ŋu asi le o, ke boŋ enye yayra si tso Mawu gbɔ, si naa etsɔme mɔkpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ame.\n^ mm. 3 Luʋɔ makumaku kple gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔseawo dzɔ tso blema Babilon. Emegbe la, Indiatɔwo ƒe xexemenunyalawo va to Karma ƒe dzixɔsewo vɛ. Agbalẽ aɖe gblɔ be Karma ƒe se nye dzixɔse aɖe si wotu ɖe \"nane gbɔe nu sia nu tsona dzi, si nye be ame akpɔ ale si wònɔ agbee fifia metsonu ne egbugbɔ gadzɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-gbugb%C9%94gadz%C9%94-le-biblia-mea\/","date":"2017-12-13T06:43:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00658.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981676936,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981676936149597}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Videowo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka alo esi wu ema le akpa ɖe sia ɖe.\nKpɔ video ɖeka aɖe si nèdi alo zã Ƒo Wo Katã ne nàkpɔ video siwo katã le videowo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka me.\nÀte ŋu atrɔ asi le videoa ƒe ƒoƒo ŋu (àte ŋu atɔe, aƒoe, atrɔe yi megbe alo ana wòayi ŋgɔ).","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/Video-Si-N%C3%A8di\/","date":"2017-12-12T18:34:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517845.16\/warc\/CC-MAIN-20171212173259-20171212193259-00458.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990647435,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990647435188293}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.109,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Sabat bubu dzi la, Yesu yi ƒuƒoƒe aɖe si anya nɔ Galilea. Ekpɔ ŋutsu aɖe si ƒe nuɖusi titi lé la le afi ma. (Luka 6:6) Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le ŋku lém ɖe Yesu ŋu tututu. Nu ka tae? Nu si nɔ susu me na wo la dze ƒãa esi wobiae be: \"Ðe se ɖe mɔ be woada dɔ le Sabat dzia?\"—Mateo 12:10.\nYudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo xɔe se be ne ame ƒe agbe ɖo afɔku me ko hafi wòle se nu be woada gbe le eŋu le Sabat dzi. Eya ta le kpɔɖeŋu me, se meɖe mɔ be ne ame ŋe la, woablae nɛ alo ne wòɖɔ li la, woahee nɛ le Sabat dzi o, elabena eƒe agbe meɖo afɔku me o. Eme kɔ ƒãa be menye ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le gbe biam Yesu le esi wotsɔ ɖe le eme na ŋutsu nublanuitɔ sia si le fu kpem la ta o. Mɔnu ko dim wole le Yesu ŋu be yewoabu fɔe.\nGake Yesu nya susu totro si le wo si. Enya be woƒe susu ku ɖe nu si Sabat ƒe sea bia, si nye be womegawɔ dɔ le ŋkeke ma dzi o ŋu la gbɔ eme eye mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. (2 Mose 20:8-10) Woƒo nu tsi tre ɖe eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu madzemadzee alea kpɔ va yi. Azɔ le ameawo katã ŋkume la, Yesu wɔ nu si aku dzi na Farisitɔwo esi wògblɔ na ŋutsu si ƒe asi titi lé la be: \"Tso nàva titina.\"—Marko 3:3.\nYesu trɔ ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu hegblɔ be: \"Ne alẽ ɖeka le mia dometɔ aɖe si eye wòge ɖe do me le Sabat dzi la, mado asi ɖa aɖee ado goe oa?\" (Mateo 12:11) Esi alẽ nye nu si me wokpɔa ga le ta la, womagblẽe ɖe doa me ŋu nake ɖe edzi o; ɖewohĩ kaka ŋu nake la, aku eye esia agblẽ nu le wo ŋu. Azɔ hã, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: \"Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe aƒemelãwo.\"—Lododowo 12:10.\nAzɔ Yesu wɔ nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo si me susu le ŋu dɔ esi wògblɔ be: \"Azɔ ɖe amegbetɔ mexɔ asi sãsãsã wu alẽ oa? Eya ta se ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Sabat dzi.\" (Mateo 12:12) Ekema ne Yesu da gbe le ŋutsua ŋu la, manye Sabat la dzi dada o. Subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu kpɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eƒe nya sia si me susu le si ɖe veveseseɖeamenu fia la ŋu o. Ðeko wozi ɖoɖoe.\nYesu tsa ŋku le wo dzi godoo kple dziku hexa nu le woƒe nuŋububu totroa ta. Azɔ egblɔ na ŋutsua be: \"Mlo asi.\" (Mateo 12:13) Esi ŋutsua mlo eƒe asi si titia lé la, asia ɖɔ ɖo. Dzi dzɔ ŋutsua, gake aleke ame siwo nɔ agbagba dzem be yewoatre mɔ̃ na Yesu la wɔ nui?\nLe esi teƒe be Farisitɔ siawo nakpɔ dzidzɔ be amea ƒe asi ɖɔ ɖo la, wodo go enumake eye \"wo kple Herodes habɔbɔ me nɔlawo wode adaŋu ɖe [Yesu ŋu], ne woawui.\" (Marko 3:6) Edze ƒãa be subɔsubɔha si woyɔna be Zadukitɔwo hã le dunyahehabɔbɔ sia me. Zadukitɔwo kple Farisitɔwo menyina hafi o, gake fifia ya wova wɔ ɖeka tsi tsitre ɖe Yesu ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/nu-kae-se-%C9%96e-m%C9%94-sabat\/","date":"2017-12-18T07:07:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948609934.85\/warc\/CC-MAIN-20171218063927-20171218085927-00366.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984561801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984561800956726}","num_words":522,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SƆWO tea ŋu sia du kilometa 50 le gaƒoƒo ɖeka me. Togbɔ be esia lɔ ŋutinu geɖewo ƒe dɔwɔwɔ ɖe eme hã la, ŋusẽ ʋɛ aɖe ko wozãna. Nu ka gbɔe esia tsona? Etsoa sɔfɔtiawo ƒe dɔwɔwɔ gbɔ.\nBu nu si dzɔna ne sɔ le du dzi ŋu kpɔ. Ŋusẽ ɖoa lãkusi kple kpeƒetsiaka ƒomevi aɖe siwo me hena siwo wɔa dɔ aduadu la me ne sɔa tu afɔ anyi eye ne woɖe asi le ŋusẽa ŋu la, etutua sɔa dona ��e ŋgɔ.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, ne sɔa le du sim la, eƒe afɔtiwo nɔa ƒoƒom sesĩe, si ate ŋu agblẽ nu le eƒe kpeƒetsiakawo ŋu hafi. Gake lãkusiawo xɔna na kpeƒetsiakawo ale be nu megblẽna le wo ŋu o. Numekulawo gblɔ le ŋutinu siawo ƒe wɔwɔme ŋu be enye \"lãkusi kple kpeƒetsiakawo ƒe wɔwɔme si de ŋgɔ ŋutɔ.\"\nNumekulawo le agbagba dzem be yewoakpɔ sɔfɔti ƒe wɔwɔme dzi awɔ robot siwo si afɔ ene anɔ. Ke hã Massachusetts Ƒe Mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea ƒe dɔwɔƒe si nye Dzɔdzɔmenuwo Dzi Kpɔkpɔ Awɔ Robot Ƒe Numekuƒe gblɔ be ale si gbegbe sɔfɔti ƒe wɔwɔme de ŋgɔe la wɔe be yewomate ŋu awɔ esia bɔbɔe kple dɔwɔnu kpakple mɔ̃ɖaŋununya si su yewo si egbea o.\nNu kae nèsusu? Ðe sɔfɔti ƒe wɔwɔme sia dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201410\/s%C9%94f%C9%94ti\/","date":"2017-12-12T15:18:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517181.32\/warc\/CC-MAIN-20171212134318-20171212154318-00220.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997433424,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974334239959717}","num_words":217,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ezra dzra ɖo be yeatrɔ ayi Yerusalem\nEzra ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ esubɔlawo ta\nMɔzɔzɔ yi Yerusalem menɔ bɔbɔe kura o\nMɔ si ɖewohĩ woto ƒe didime anɔ kilometa 1,600 kloe to nuto siwo me afɔku le la me\nWoƒe mɔzɔzɔa xɔ abe ɣleti 4 sɔŋ ene\nEhiã be xɔse sẽŋu kple dzideƒo nanɔ ame siwo trɔ gbɔ la si, eye dzo nanɔ wo me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu\nEZRA TSƆ . . .\nSika kple klosalo siwo ƒe kpekpeme wu talento 750 ɖe asi alo siwo ƒe kpekpeme anɔ abe Afrikatɔwo ƒe atiglinyi tsitsi etɔ̃ ene!\nMƆA ZƆLAWO DO GO KUXIWO ABE . . .\nAdzohawo, dzogbenyigba xɔdzowo, gbemelã siwo ŋu afɔku le ene","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan25-31\/mawu-sub%C9%94lawo-ezra-%C6%92e-agbal%E1%BA%BD\/","date":"2017-12-14T03:08:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948537139.36\/warc\/CC-MAIN-20171214020144-20171214040144-00236.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985466003,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985466003417969}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.019,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LOT kple eƒe ƒomea kpakple Abraham wonɔ anyi ɖekae le Kanaan-nyigba la dzi. Gbeɖeka Abraham gblɔ na Lot bena: 'Anyigba mesɔ gbɔ ɖe afisia na míaƒe lãwo katã o. Taflatse, na míaklã. Ne èyi ɖe akpa ɖeka la, mayi ɖe akpa kemɛ.'\nLot tsa ŋku le anyigba la dzi. Ekpɔ dua ƒe akpa aɖe, si nyo ŋutɔ, afisi tsi kple gbe gbogbo aɖe le na eƒe lãwo. Afisia nye Yordan-nutowo me. Eyata Lot kplɔ eƒe ƒomea kple lãwo yi afimae. Mlɔeba la, wova tso aƒe ɖe Sodom-du la me.\nAmesiwo nɔ Sodom la gblẽ ŋutɔ. Esia ɖe fu na Lot, elabena ame nyui wònye. Eɖe fu na Mawu hã. Mlɔeba la, Mawu dɔ mawudɔla eve ɖo ɖa be woaxlɔ̃ nu Lot bena, yele Sodom, kple Gomora-du, si te ɖe eŋu tsrɔ̃ ge le woƒe nu vlo wɔwɔ ta.\nMawudɔlaawo gblɔ na Lot bena: 'Wɔ kaba! Kplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eveawo, eye miado go le afisia!' Lot kple eƒe ƒomea meʋã ɖe dzodzo ŋu kabakaba o, eyata mawudɔlawo lé woƒe alɔnu hekplɔ wo do goe tso dua me. Tete mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: 'Misi, miaɖe miaƒe agbe! Migakpɔ megbe o. Misi yi ɖe toawo dzi be miagaku o.'\nLot kple vianyɔnuawo ɖo to hesi do go le Sodom. Wometɔ aɖabaƒoƒo ɖeka hã o, eye womekpɔ megbe hã o. Gake Lot srɔ̃ gbe toɖoɖo. Esi woɖe Sodom ɖe megbe vie la, nyɔnua tɔ henye kɔ kpɔ megbe. Tete Lot srɔ̃ trɔ zu dzekɔ. Èkpɔe le nɔnɔmetata la mea?\nMíate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖe tso esia me. Efia mí bena, Mawu ɖea amesiwo ɖoa toe la, gake amesiwo meɖoa toe o la abu woƒe agbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/lot-sr%C9%94%CC%83\/","date":"2017-12-18T03:50:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00254.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987384677,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987384676933289}","num_words":274,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DON, si nye Yehowa Ðasefo le Canada la dzea agbagba etɔxɛe be yeaɖi ɖase na aƒemanɔsitɔ siwo tsi ablɔwo dzi. Don gblɔ tso ame siawo dometɔ ɖeka ŋu be: \"Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Peter la nɔ aƒemanɔsitɔ siwo ƒo ɖi wu, siwo mekpɔna le ablɔwo dzi la dome. Mekɔa mo ɖe ame kura o, eye enya ale si wòawɔ be amewo nagate ɖe ye ŋu o. Ɣesiaɣi si ame aɖe dze agbagba be yeanyo dɔme nɛ la, egbena.\" Ke hã, Don gbɔ dzi ɖi nɔ nu wɔm ɖe eŋu dɔmenyotɔe ƒe 14 kple edzivɔ sɔŋ.\nGbe ɖeka, Peter bia Don be: \"Nu ka tae nètsi dzi ɖe ŋunye? Ame sia ame ɖea asi le ŋunye kpoo. Nu ka tae nètsɔ ɖe le eme nam?\" Don wɔ mawunyakpukpui etɔ̃ ŋu dɔ aɖaŋutɔe ale be yeƒe numeɖeɖea nawɔ dɔ ɖe Peter dzi. Gbã, ebia Peter be enya be ŋkɔ le Mawu si hã, eye wòʋu Psalmo 83:18 nɛ be eya ŋutɔ naxlẽe le Biblia me tẽe. Eyome, esi Don di be yeana Peter nanya nu si tae yetsɔ ɖe le eme nɛ ta la, exlẽ nya si le Romatɔwo 10:13, 14, si gblɔ be, \"ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee\" la nɛ. Mlɔeba, Don xlẽ Mateo 9:36 nɛ eye wògblɔ na Peter be eya ŋutɔ hã naxlẽe. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: \"Esi wòkpɔ amehawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.\" Esi Peter xlẽe vɔ la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ eye wòbia Don be: \"Nye hã alẽawo dometɔ ɖekae menyea?\"\nPeter dze tɔtrɔwɔwɔ gɔme. Ele tsi, elũ ge nyuie, eye wòdo awu nyui siwo Don tsɔ nɛ. Tso ekema dzi la, Peter nɔa dzadzɛ ɣesiaɣi.\nAgbalẽ aɖe nɔ Peter si, si me wòŋlɔa ŋkekea me nudzɔdzɔwo ɖo. Nu siwo wòŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe gɔmedzedze la wɔ nublanui, gake esiwo wòva ŋlɔ emegbe ya to vovo kura. Gbe ɖeka, eŋlɔ ɖe agbalẽa me be: \"Egbea meva nya Mawu ƒe ŋkɔ. Fifia, metea ŋu doa gbe ɖa na Yehowa. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva nya eƒe ŋkɔ. Don gblɔ be Yehowa ate ŋu azu Xɔ̃nye si mate ŋu agblɔ nya sia nya na le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, eye aɖo tom.\"\nNya mamlɛtɔ si Peter ŋlɔ ɖe agbalẽa me la yi na eya ŋutɔ nɔviawo. Eŋlɔ bena:\n\"Nye lãme mele kɔkɔm egbea o. Metsi fifia, eye ewɔ nam be nye kuɣi le ɖoɖom. Ne esiae nye ŋkeke mamlɛtɔ si makpɔ ɣe hã la, menyae be magava kpɔ xɔ̃nye [Don] ake le Paradiso me. Ne miele nya sia xlẽm la, efia be nyemegali o. Gake ne miekpɔ ŋutsu aɖe le nye kuteƒe si miedze si o la, mite ɖe eŋu miaɖo dze kplii; azɔ hã, maɖe kuku na mi be miaxlẽ agbalẽ blɔ sia [Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye \"Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee,\" si wotsɔ nɛ ƒe aɖewo va yi lae wòwɔnɛ]. * Agbalẽa gblɔ be magakpɔ xɔ̃nyea ake le Paradiso me. Meka ɖe esia dzi kple dzi blibo. Mia nɔvi lɔlɔ̃a, Peter.\"\nEsi wowɔ kua vɔ la, Peter nɔvinyɔnu Ummi gblɔ be: \"Ƒe eve aɖewoe nye esia la, Peter ɖo dze aɖe kplim. Mede dzesii be enɔ dzidzɔ kpɔm; megakpɔ dzidzɔ nenema kpɔ o ƒe geɖee nye ema. Eko alɔgbɔnu gɔ̃ hã.\" Ummi gblɔ na Don be: \"Maxlẽ agbalẽa, elabena ne nane te ŋu wɔ dɔ ɖe nɔvinyea dzi la, ke nu tɔxɛ aɖee wòanye.\" Ummi lɔ̃ hã be Yehowa Ðasefo aɖe nasrɔ̃ agbalẽ si wova ta emegbe, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? kpli ye.\nMíawo hã míate ŋu akpɔ nu ayi ŋgɔ wu amewo ƒe dzedzeme ko, aɖee afia be míelɔ̃ amewo vavã ahagbɔ dzi ɖi na ame ƒomeviwo katã. (1 Tim. 2:3, 4) Ne míewɔe alea la, míate ŋu akpe ɖe ame siwo le abe Peter ene, siwo ƒe dzedzeme manyo ame ŋu o, evɔ dzi nyui le wo si, la ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be, Mawu, ame si \"kpɔa keke dzi me ke\" la, ana nyateƒea natsi le ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la ƒe dziwo me.—1 Sam. 16:7; Yoh. 6:44.\n^ mm. 7 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2017\/%C3%A0te-%C5%8Bu-akp%C9%94-nu-ayi-%C5%8Bg%C9%94-wu-dzedzemea\/","date":"2017-12-15T16:20:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948575124.51\/warc\/CC-MAIN-20171215153355-20171215175355-00126.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979777932,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979777932167053}","num_words":692,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE ƑE 2010 me la, mɔ̃memikuƒe aɖe si wotu ɖe atsiaƒu me le Mexico la wó, eye mɔ̃memi lita 476,961,885 kple edzivɔwo ɖuɖu ɖe atsiaƒu me. Gake le dzinu ʋɛ aɖewo megbe la, mɔ̃memi ƒe ɖiƒoƒo aɖeke meganɔ tsia me o. Aleke wòdzɔe?\nBu esia ŋu kpɔ: Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku nu me kpɔe be ƒumenugbagbevi suesue aɖewo tea ŋu ɖea nu si woyɔna be karbɔn si nɔa mɔ̃memi me la ɖa. Nufialagã Terry Hazen, si nye nugbagbevi suewo ŋuti nunyala gblɔ le nugbagbevi suesue siawo ŋu be wonye \"aʋawɔnu siwo wɔa avu kple mɔ̃memi.\" Nugbagbevi siawo hã wɔ akpa aɖe hafi atsiaƒua me gakɔ le Mexico.\nEsi nyatakakadɔwɔƒe si nye BBC nɔ nya ta kam tso ale si wòdzɔe ŋu la, egblɔ be: \"Le mɔ aɖe nu la, mewɔ nuku be nugbagbevi siwo tea ŋu ɖea mɔ̃memi ɖa la le atsiaƒu me o.\" Egblɔ yi edzi be ƒe akpe geɖewoe nye esia \"ami sina tsoa atsiaƒu gɔme gena ɖe tsiawo me.\"\nEle eme be amegbetɔwo hã tea ŋu wɔa wo tɔ sinua ɖea ami siwo ɖuɖuna ɖe tsiwo me ya. Gake nu siwo amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze siawo gblẽna la sɔa gbɔ wu nu nyui siwo doa go tsoa eme. Atike siwo amegbetɔwo zãna wɔnɛ be dzɔdzɔmenu siwo ɖea amiwo ɖa le tsi me la megatea ŋu wɔa woƒe dɔwo nyuie o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, atike mawo siwo nye aɖi la gblẽa nu le nutoa me ŋu eteƒe didina. Gake dzɔdzɔmenu siwo ɖea amiwo ɖa le atsiaƒu me siwo dometɔ aɖewoe nye ƒumenugbagbevi siawo ya kpena ɖe atsiaƒua ŋu wòɖea ɖinuwo ɖa le eɖokui si evɔ megblẽa naneke le nutoa me ŋu abe ale si wònɔna le atike siwo amegbetɔwo zãna ya gome ene o. *\nNu kae nèsusu? Ðe ale si ƒumenugbagbevi mawo tea ŋu ɖea mɔ̃memi ɖa le atsiaƒu me la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?\n^ mm. 6 Fifia míekpɔ nya nu siwo gbegbe afɔku si dzɔ le Mexico Ƒua me la ava gblẽ le atsiaƒumenuwo ŋu le etsɔme la haɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201509\/nugbagbevi-siwo-%C9%96ea-m%C9%94%CC%83memi\/","date":"2017-12-14T06:52:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948541253.29\/warc\/CC-MAIN-20171214055056-20171214075056-00744.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982296824,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982296824455261}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 3, 2014\nMEXICO\nMEXICO CITY—Yehowa Ðasefowo hã nɔ agbalẽtaƒe 150 siwo wokpe be woava kpɔ gome le agbalẽɖeɖefia aɖe si woyɔ be Expo Publica Agbalẽɖeɖefia me la dome. Mexico Dukɔa Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Agbalẽtatadɔwo dzi lae wɔ ɖoɖo ɖe agbalẽɖeɖefia sia ŋu. Dɔwɔƒea wɔ agalẽɖeɖefia sia le Mexico Dukɔwo Dome Asitsaƒe tso April 25 va se ɖe May 4, 2014 dzi be yeatsɔ aɖu yeƒe ƒe 50 ƒe azã. Ame siwo va wɔna sia teƒe ade 20,000.\nÐasefowo ɖe woƒe agbalẽwo, magazinewo kple video vovovo siwo wotu ɖe Biblia dzi la fia. Wodo boblo woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org, afi si woate ŋu awɔ woƒe agbalẽ siwo le gbe 650 kple edzivɔwo me la ƒe kɔpi le. Vavalawo xɔ Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo wu 1,600, eye wo dometɔ aɖewo bia be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo le yewo ƒe me. Abe ale si Yehowa Ðasefowo wɔnɛ ɖaa ene la, womexɔ ga aɖeke le Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo siwo wowɔ kple amewo le wɔna sia wɔɣi la ta o.\nAƒetɔ Gamaliel Camarillo, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mexico, gblɔ be: \"Dzi dzɔ mí ɖe ale si ame geɖe te ɖe míaƒe agbawo ŋu le agbalẽɖefiaƒea kple ale si wokpɔ dzidzɔ ɖe Biblia kple míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea ŋu la ta. Míekpɔe be dɔwɔnu siawo siwo ɖea vi ŋutɔ tsɔtsɔ va afi sia na ame siwo ŋu vovo mele kura o la kpe ɖe amewo ŋu. Le mía gome la, agbalẽɖeɖefia la kpɔ dzidzedze gã aɖe.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nMexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/mexico\/agbal%E1%BA%BD%C9%96e%C9%96efia-2014\/","date":"2018-01-24T06:57:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00632.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991641045,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991641044616699}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Saul nye Romatɔ si wodzi le Tarso. Enye Farisitɔ, si nya Yudatɔwo ƒe Sea nyuie, eye elé fu Kristotɔwo. Ehea Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo doa goe tso woƒe aƒewo me, eye wònana wodea wo gaxɔ me. Enɔ eteƒe esime nu vlo wɔha aɖe ƒu kpe nusrɔ̃la Stefano wòku.\nKe hã, Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem dede gaxɔ me ɖeɖe mesɔ gbɔ na Saul o. Ebia tso nunɔlagã la si be wòana yeayi Damasko ale be yealé Kristotɔ siwo le afi ma. Esi Saul gogo dua la, kekeli aɖe klẽ ƒo xlãe, eye wòdze anyi ɖe anyigba. Ese gbe aɖe gblɔ be: 'Saul, nu ka tae nèle yonyeme tim?' Saul bia be: 'Wò ame kae?' Gbea ɖo eŋu nɛ be: 'Nye Yesue. Yi Damasko, eye woagblɔ nu si nàwɔ la na wò.' Saul ƒe ŋkuwo tsi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wòhiã be ame aɖe nalé eƒe alɔnu akplɔe ayi ɖe dua me.\nKristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko. Yesu gblɔ nɛ le ŋutega me be: 'Yi ɖe Yuda ƒe aƒe me le mɔ si woyɔna be Dzɔdzɔe la dzi, eye nàbia Saul ta.' Anania gblɔ be: 'Aƒetɔ, mese nya geɖe tso ŋutsu ma ŋu! Eléa wò nusrɔ̃lawo dea gaxɔ me!' Gake Yesu gblɔ nɛ be: 'Yi egbɔ. Metia Saul be wòaɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔ geɖewo.'\nAnania yi Saul gbɔ eye wògblɔ nɛ be: 'Nɔvinye Saul, Yesu dɔm ɖe gbɔwò be maʋu wò ŋkuwo.' Enumake Saul gakpɔ nu. Esrɔ̃ nu tso Yesu ŋu eye wòva zu eyomedzela. Fifia esi wonyrɔ Saul wòzu Kristotɔ la, edze gbeƒãɖeɖe gɔme le ƒuƒoƒewo, abe ehati Kristotɔ susɔeawo ke ene. Kpɔ ale si wòawɔ nuku na Yudatɔwo be woakpɔ Saul wòanɔ nu fiam amewo tso Yesu ŋu la le susu me ɖa? Wogblɔ be: 'Ðe menye ŋutsu sia kee tia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yome oa?'\nSaul ɖe gbeƒã na ame siwo nɔ Damasko la ƒe etɔ̃ sɔŋ. Yudatɔwo lé fu Saul eye wowɔ ɖoɖo be yewoawui. Gake nɔviawo se nu tso nugbeɖoɖoa ŋu eye wokpe ɖe eŋu wòsi. Wotsɔe de kusi aɖe me eye woɖiɖii to do aɖe si le dua ƒe gli me la me.\nEsi Saul yi Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple nɔvi siwo le afi ma. Gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ. Eya ta nusrɔ̃la dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Barnaba la kplɔ Saul va apostoloawo gbɔ, eye wòka ɖe edzi na wo be Saul trɔ vavã. Saul wɔ ɖeka kple hame si le Yerusalem eye woɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe. Emegbe wova yɔe be Paulo.\n\"Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo. Nyee nye ame siawo dometɔ gãtɔ.\"—1 Timoteo 1:15","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/yesu-tia-saul\/","date":"2018-01-24T06:56:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00632.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984203577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984203577041626}","num_words":438,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa gblɔ na Mose be: 'Va gbɔnye le to la dzi. Maŋlɔ nye sewo ɖe kpe gbadzɛ aɖe dzi atsɔ ana wò.' Eya ta Mose lia to la eye wònɔ afi ma ŋkeke 40 kple zã 40. Esi wònɔ afi ma la, Yehowa ŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe gbadzɛ eve dzi eye wòtsɔ wo na Mose.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel-viwo susu be Mose gblẽ yewo ɖi. Wogblɔ na Aron be: 'Míedi be ame aɖe nanye míaƒe kplɔla. Wɔ mawu aɖe na mí!' Eya ta Aron gblɔ na wo be: 'Mitsɔ miaƒe sikawo vɛ nam.' Elólo sika la eye wòtsɔe wɔ sikanyivi. Dukɔ la gblɔ be: 'Nyivi siae nye Mawu si kplɔ mí tso Egipte!' Wode ta agu na sikanyivi la, eye woɖu azã. Nu nyui wònye wowɔa? Ao, elabena dukɔ la do ŋugbe be Yehowa ɖeɖe koe yewoasubɔ. Gake fifia womele wɔwɔm ɖe ŋugbe ma si wodo la dzi o.\nYehowa kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm eye wògblɔ na Mose be: 'Ði, nàyi dukɔ la gbɔ. Wogbe toɖoɖom hele ta dem agu na alakpamawu.' Mose tsɔ kpe gbadzɛ eveawo eye wòɖi le toa dzi.\nEsi Mose gogo afi si ameawo le la, ese wonɔ ha dzim. Eye wòkpɔ be wonɔ ɣe ɖum henɔ ta dem agu na sikanyivi la. Dzi ku Mose ale gbegbe. Exlã kpe gbadzɛ eveawo ɖe anyi eye wogbã kakɛkakɛe. Egbã sikanyivi la enumake. Eye wòbia Aron be: 'Nya kae dukɔ la gblɔ na wò hafi nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia gbegbe?' Aron ɖo eŋu be: 'Mègado dziku o. Wò ŋutɔ ènya dukɔ sia nyuie. Wobe mawɔ mawu na yewo, eya ta metsɔ woƒe sikawo ƒu gbe ɖe dzo me eye wòtrɔ zu sikanyivi sia!' Mele be Aron nawɔ nu ma hafi o. Mose trɔ yi to la dzi eye wòɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake ameawo.\nYehowa tsɔ ke ame siwo lɔ̃ be yewoaɖo toe la. Èkpɔ ale si wòle vevie be Israel-viwo nabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mose ƒe kpɔkplɔ tea?\n\"Ne èɖe adzɔgbe na Mawu la, mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena bometsilawo ƒe nu menyoa eŋu o. Adzɔgbe si nèɖe la, wɔ edzi.\"—Nyagblɔla 5:4","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/5\/mose-se-10-sikanyivi\/","date":"2018-01-17T12:07:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886895.18\/warc\/CC-MAIN-20180117102533-20180117122533-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982486963,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982486963272095}","num_words":349,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðewohĩ nu si ɖe dzesi le mía ŋu wue nye gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna tso aƒe me yi aƒe me, le dutoƒo kple afi sia afi si amewo le ko, le xexea me godoo. Nu ka tae míewɔa dɔ sia?\nYehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tsɔ kafua Mawu henana amewo nyaa eƒe ŋkɔa. (Hebritɔwo 13:15) Azɔ hã, míedi be míawɔ ɖe se si Kristo Yesu de la dzi be: \"Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.\"—Mateo 28:19, 20.\nGakpe ɖe eŋu la, míelɔ̃ mía havi. (Mateo 22:39) Míenya be ame akpa gãtɔ le subɔsubɔha aɖe me xoxo eye menye ame sia amee kpɔa ŋudzedze ɖe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ŋu o. Ke hã míeka ɖe edzi be Biblia me gbedeasia xɔa amewo ɖe agbe. Esia tae míeyia 'edzi nɔa nu fiam henɔa nya nyuia gblɔm le Kristo la ŋu madzudzɔmadzudzɔe,' abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 5:41, 42.\nHadomegbenɔnɔŋutinunyala Antonio Cova Maduro ŋlɔ nu tso \"agbagba si Yehowa Ðasefowo dzena kple kutri si wokuna . . . , be ŋɔŋlɔ kɔkɔea naɖo anyigba ƒe seƒe ke, togbɔ be esia tea ŋu nana ɖeɖi tea wo ŋu\" la ŋu.—Venezuela ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Universal\nAme siwo xlẽa míaƒe agbalẽwo la dometɔ akpa gãtɔ menye Yehowa Ðasefowo o. Eye ame miliɔn geɖe siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la le subɔsubɔha bubuwo me. Ke hã enyea dzidzɔ na wo be Yehowa Ðasefowo vaa yewo gbɔ.\nAnɔ eme be nyabiase bubuwo gale asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo la, míade dzi ƒo na wò be","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/yehowa-%C9%96asefo-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e\/","date":"2018-01-17T12:08:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886895.18\/warc\/CC-MAIN-20180117102533-20180117122533-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986298084,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986298084259033}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA amesiwo nyɔnu la kple ame eve la nyea? Nyɔnu lae nye Maria Magdalatɔ, Yesu xɔlɔ̃. Eye ŋutsu, siwo le awu ɣiwo me la nye mawudɔlawo. Xɔ vi, si me kpɔm Maria le lae nye afisi woɖi Yesu ɖo. Yɔdoe wònye. Gake fifia ŋutilã la megali o! Amekawoe kɔe? Na míakpɔe ɖa.\nEsi Yesu ku vɔ la, nunɔlawo gblɔ na Pilato be: 'Esi Yesu nɔ agbe la, egblɔ be woafɔ ye ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe. Eyata de se be woadzɔ yɔdo la ŋu. Be eƒe nusrɔ̃lawo nagafi eƒe ŋutilã ahagblɔ be ɖe wofɔe tso ame kukuwo dome o!' Pilato gblɔ na nunɔlawo be woadɔ asrafowo be woadzɔ yɔdo la ŋu.\nGake le Yesu ƒe ku megbe ŋkeke etɔ̃agbe ƒe ŋdi kanya la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va enumake. Emli kpe la ɖa tso yɔdoa nu. Asrafoawo vɔ̃ ale gbegbe be womete ŋu ɖe afɔ o. Mlɔeba esi wokpɔ yɔdoa me la, ŋutilã la megali o! Asrafoawo dometɔ aɖewo yi dua me hegblɔe na nunɔlawo. Ènya nusi nunɔla vɔ̃ɖiawo wɔa? Woxe fe na asrafoawo be woada alakpa. Nunɔlawo gblɔ na asrafoawo be: 'Migblɔ be esi míedɔ alɔ̃ la, eƒe nusrɔ̃lawo va fi ŋutilã la le zã me.'\nGake nyɔnu aɖewo, siwo nye Yesu xɔlɔ̃wo la de yɔdoa to. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ be yɔdoa le ƒuƒlu! Tete mawudɔla eve, siwo do awu ɣiwo la do. Wobia be: 'Nukatae miele Yesu dim le afisia? Wofɔe ɖe tsitre. Miɖe abla miaɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo.' Nyɔnuawo lé du tsɔ sesĩe! Gake ŋutsu aɖe tɔ wo le mɔa dzi. Ènya amesi wònyea? Yesue! Egblɔ be: 'Miyi miagblɔe na nye nusrɔ̃lawo.'\nEsi nyɔnuawo gblɔ na nusrɔ̃lawo be Yesu le agbe, eye be yewokpɔe la, womexɔe se o. Petro kple Yohanes ƒu du yi yɔdoa to be yewo ŋutɔwo yewoakpɔe; gake yɔdoa le ƒuƒlu. Esi Petro kple Yohanes wodzo la, Maria Magdalatɔ ya tsi anyi. Ɣemaɣie wòkpɔ yɔdoa me hekpɔ mawudɔla eveawo.\nÈnya nusi dzɔ ɖe Yesu ƒe ŋutilã dzia? Mawu na wòbu vĩ. Mawu mefɔ Yesu kple ŋutilã, si wòtsɔ kui o. Ena gbɔgbɔ me ŋutilã yeye Yesu abe alesi wòle mawudɔla, siwo le dziƒo la sie ene. Gake be Yesu nafia eƒe nusrɔ̃lawo be yele agbe ta la, ete ŋu tsɔ ŋutilã do be amewo nate ŋu akpɔ ye abe alesi míele esrɔ̃ gee ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/yesu-le-agbe\/","date":"2018-01-21T21:27:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00480.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985600114,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985600113868713}","num_words":382,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DZƆDZƆMEŊUTINUNYA\nMENYE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA GBALẼE BIBLIA NYE O, KE Hà NU SIWO WÒGBLƆ KU ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ŊU DO ŊGƆ SÃSÃSà NA NU SIWO WONYA ƔEMAƔI. NA MÍADE ŊUGBLE LE KPƆÐEŊU ƲƐ AÐEWO ŊU KPƆ.\nÐe gɔmedzedze li na xexea?\nTsã la, dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo bui be nya ma ƒe ŋuɖoɖoe nye ao. Fifia wova lɔ̃ ɖe edzi be gɔmedzedze li na xexea. Biblia ya gblɔ nya ma xoxoxo eme kɔ.—1 Mose 1:1.\nAleke anyigba ƒe nɔnɔme le?\nTsã la, ame geɖe susu be anyigbaa le gbadzaa. Le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Helatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be anyigba le godoo. Gake do ŋgɔ kura na ema, le ƒe alafa enyilia D.Y. me la, Biblia ŋlɔla Yesaya gblɔ be 'anyigba le nogoo' eye esia ate ŋu afia \"godoo.\"—Yesaya 40:22.\nÐe dziƒowo ŋutɔŋutɔ dome ate ŋu agblẽa?\nHelatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala Aristotle, si nɔ anyi le ƒe alafa enelia D.Y. me la, bu be anyigba koe ate ŋu agblẽ, gake dziƒo si ɣletiviwo le ya matrɔ alo agblẽ o. Eƒe susua nɔ amewo si ƒe alafa geɖe. Gake le ƒe alafa 19 lia me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nɔ gbɔgblɔm be nuwo ate ŋu atɔtɔ. Wogblɔ be nu siwo le dziƒo kple anyigba dzi la ate ŋu agblẽ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo dometɔ ɖeka si do susu sia ɖe ŋgɔ si nye Lord Kelvin, va de dzesi nya si Biblia gblɔ tso dziƒo kple anyigba ŋu be: \"Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene.\" (Psalmo 102:25, 26) Abe ale si Biblia gblɔe ene la, Kelvin xɔe se be Mawu ate ŋu atiae be yeaxe mɔ be yeƒe nuwɔwɔwo dome nagagblẽ o.—Nyagblɔla 1:4.\nNu kae lé ɣletinyigbawo abe míaƒe anyigba ene ɖe yame?\nAristotle fia nu be dziƒonuwo le wo nɔewo me nogonogo, woate ŋu akpɔ nu to wo me, eye anyigba le woƒe titina. Kaka ƒe alafa 18 lia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) naɖo la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nɔ lɔlɔ̃m ɖe susu si nye be womeku ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ɖe naneke ŋu o la dzi. Gake Hiob ƒe agbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa 15 lia D.Y. me gblɔ be Wɔla la \"meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.\"—Hiob 26:7.\nATIKEWƆNYAWO\nTOGBƆ BE MENYE ATIKEŊUTINUNYA GBALẼE BIBLIA NYE O HÃ, EƑO NUTSO MƆFIAME SIWO KU ÐE LÃMESẼNYAWO ŊU LA ŊU XOXOXO.\nDɔnɔwo ɖeɖe ɖe aga.\nMose ƒe Sea gblɔ be woaɖe ame siwo ŋu kpodɔ le la ɖe aga. Tso esime dɔvɔ̃wo do le ƒe alafa 5 lia K.Ŋ., va ɖo ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu lɔƒo hafi ɖɔktawo va kpɔe be ele be woanɔ dɔnɔwo ɖem ɖe aga, eye wole ewɔm va se ɖe egbea.—3 Mose ta 13 kple 14.\nEle be woaklɔ asi ne woka asi ame kuku ŋu.\nDo ŋgɔ na ƒe alafa 19 lia la, zi geɖea, ne ɖɔktawo ka asi ame kukuwo ŋu la, womeklɔa asi hafi kpɔa dɔnɔwo gbɔ o. Esia na ame geɖe ku. Ke hã, Mose ƒe Sea gblɔ be ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋu mekɔ o. Sea gblɔ gɔ̃ hã be, ele be woazã tsi atsɔ akɔ amea ŋu. Subɔsubɔnuwɔna mawo de wo dzi le lãmesẽnyawo gɔ̃ hã me.—4 Mose 19:11, 19.\nAfɔdzi ɖiɖi ɖe to me.\nAfɔdzi siwo womeɖi o nana mĩtsinyenyedɔ wua ɖevi gbogbo aɖewo ƒe sia ƒe. Mose ƒe Sea gblɔ be ele be woaɖi afɔdzi ɖe to me le afi si mete ɖe aƒewo ŋu o.—5 Mose 23:13.\nƔeyiɣi si woatso aʋa.\nMawu ƒe Sea gblɔ be ne wodzi ŋutsuvi la, woatso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe. (3 Mose 12:3) Ne wodzi vi la, axɔ abe kwasiɖa ɖeka ene hafi eƒe ʋua nate ŋu abla. Le Biblia ŋlɔɣi, hafi atikewɔnyawo va de ŋgɔ la, ale si wolalana kwasiɖa ɖeka megbe hafi tsoa aʋa na ɖeviwo la, kpɔ wo ta.\nAle si nɔnɔme nyuiwo dea lãmesẽ dzi.\nDɔdada ŋuti numekulawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be nɔnɔme nyuiwo abe dzidzɔ, mɔkpɔkpɔ, akpedada kple didi be woatsɔ ake dea ame ƒe lãmesẽ dzi. Biblia gblɔ be: \"Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.\"—Lododowo 17:22.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/%C9%96e-biblia-me-nyawo-do-xoxoa\/","date":"2018-01-21T21:27:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00480.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993408918,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993408918380737}","num_words":656,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE KPEKPE tɔxɛ aɖe si wowɔ le Nagoya, Japan, le April 28, 2013 dzi me la, Anthony Morris si nye Dɔdzikpɔha la me tɔ ɖe gbeƒã dodzidzɔname aɖe: woɖe agbalẽ yeye aɖe ɖe go le Japangbe me, si ƒe tanyae nye, Biblia La—Nya Nyui La Abe Ale Si Mateo Ŋlɔe Ene. Ame siwo wu 210,000 ye de kpekpe sia; wo dometɔ aɖewo nɔ afi si wonɔ nuƒoawo ƒom le, eye wotsiã ka na ame bubuwo hã wonɔ eƒe video kpɔm. Esi vavalawo se gbeƒãɖeɖea la, dzi dzɔ wo ŋutɔ eye wosi akpe ɣeyiɣi didi aɖe.\nXexe Yeye Gɔmeɖeɖe la mee woɖe Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ sia tsoe hegbugbɔe ta. Gake axa 128-gbalẽ sia le etɔxɛ. Nɔviŋutsu Morris ɖe eme be wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe Japangbe dolawo ŋu. Nu kae na agbalẽ sia le etɔxɛ? Nu ka tae wòhiã be woatae? Aleke amewo xɔe?\nNU KAE NA AGBALẼ SIA LE ETƆXƐ?\nAle si wotrɔ asi le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ sia ŋu la do dzidzɔ na ame geɖe. Wotea ŋu ŋlɔa Japantɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo tso dzi va anyi alo ŋlɔnɛ tso miame yia ɖusime. Le agbalẽ geɖe siwo wotana me la, woŋlɔnɛ tso miame yia ɖusime abe ale si wòle le míaƒe agbalẽwo hã gome ene. Gake nuŋɔŋlɔ siwo le agbalẽ yeye sia me la, tso dzi va anyi, abe ale si Japantɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ geɖe kple agbalẽ aɖewo nɔna ene. Nuŋɔŋlɔ ƒe atsyã sia nya xlẽna na Japantɔwo wu. Azɔ hã, woɖe nuŋɔŋlɔ siwo nɔa axa la tame va de memamawo dome wonye tanya suewo be wòana nuxlẽlaa nakpɔ nyati veviawo adze sii bɔbɔe.\nJapan nɔviwo dze Nyanyuigbalẽa xexlẽ gɔme enumake. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ gblɔ be: \"Mexlẽ Mateo ƒe agbalẽa zi geɖe kpɔ, gake nuŋɔŋlɔ siwo tso dzi va anyi kple tanya sueawo kpe ɖe ŋunye mese Todzimawunya la gɔme nyuie wu.\" Nɔvinyɔnuvi aɖe hã gblɔ be: \"Menɔ anyi ɖe Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ŋu hexlẽe tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu zi ɖeka. Nuŋɔŋlɔ siwo tso miame yi ɖusime ye mam, gake esi woŋlɔ tso dzi va anyi ye doa dzidzɔ na Japantɔ geɖe.\"\nWOTRƆ ASI LE EŊU NA JAPANTƆWO KOŊ\nNu ka tae Biblia-gbalẽ ɖeka sia sɔ na Japantɔwo? Togbɔ be Japantɔ geɖe menya nu boo tso Biblia ŋu o hã la, wolɔ̃na be yewoaxlẽe. Mɔnukpɔkpɔa su wo dometɔ geɖe siwo mekpɔ Biblia kpɔ o la si be woawo ŋutɔ naxɔe axlẽe.\nNu ka tae wònye Mateo ƒe agbalẽae wotia? Ne woyɔ \"Biblia\" le Japantɔ geɖe gbɔ la, Yesu Kristo ye vaa susu me na wo. Wotia Mateo ƒe agbalẽa, elabena Yesu ƒe dzidzi kple dzidzimegbalẽ, eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la kpakple eƒe nyagblɔɖi ɖedzesi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la le eme. Nyati siawo doa dzidzɔ na Japantɔ geɖe.\nGbeƒãɖela siwo le Japan tsɔ dzonɔameme le agbalẽ sia nam tso aƒe me yi aƒe me kple le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ bena: \"Fifia mɔnukpɔkpɔ geɖe wu su asinye be matsɔ Mawu ƒe Nya la ana ame geɖe le míaƒe anyigbamama me. Gbe si gbe míewɔ kpekpe tɔxɛa la, gbe ma gbe ke ƒe ŋdɔ mee mena Mateo ƒe agbalẽa ɖeka!\"\nALEKE AMEWO XƆE?\nNya kawoe gbeƒãɖela geɖewo gblɔna hafi naa agbalẽa? Japantɔ geɖe nya nyawo abe \"agbo bii la,\" 'atsɔ dzonu xɔasiwo aƒu gbe ɖe hawo ŋkume' kple \"migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o\" ene nyuie. (Mateo 6:34; 7:6, 13) Ewɔa nuku na wo ne wova nya be Yesu Kristo ye gblɔ nya siawo. Ne wokpɔ nya siawo le Mateo ƒe agbalẽa me la, wo dometɔ geɖe gblɔna be: \"Enye nye didi vevie be maxlẽ Biblia zi ɖeka ya teti.\"\nNe gbeƒãɖelawo trɔ yi ame siwo xɔ Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa gbɔ la, aƒemenɔlaawo gblɔna zi geɖe be yewoxlẽ eƒe akpa aɖe alo xlẽ agbalẽ bliboa enumake. Ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ la gblɔ na gbeƒãɖela aɖe be: \"Mexlẽe zi gbɔ zi geɖe eye efa akɔ nam ale gbegbe. Meɖe kuku, miva fia nu geɖem tso Biblia ŋu.\"\nWonaa Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa hã me. Esi Ðasefo aɖe nɔ gbeƒã ɖem la, ena eƒe e-mail adrɛs ɖetugbui aɖe si xɔ agbalẽa. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, ɖetugbuia ŋlɔ nu ɖo ɖe nɔvinyɔnua be yedze agbalẽa xexlẽ gɔme eye yedi be yeaganya nu geɖe akpee. Kwasiɖa ɖeka megbe la, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetugbui sia eye eteƒe medidi o edze kpekpeawo dede gɔme.\nWota Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ siwo wu 1,600,000 heɖoe ɖe hame siwo le Japan. Ɣleti sia ɣleti la, Ðasefowo naa agbalẽa ɖekaɖeka akpe geɖewo amewo. Agbalẽa ƒe ŋgɔdonya ɖe etalawo ƒe seselelãme fia ale: \"Míele mɔ kpɔm vevie be Biblia ƒe akpa sia xexlẽ ana nàgakpɔ dzidzɔ ɖe Biblia la ŋu geɖe wu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150215\/wona-nu-dodzidz%C9%94name-a%C9%96e-Japant%C9%94wo\/","date":"2018-01-22T15:07:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891377.59\/warc\/CC-MAIN-20180122133636-20180122153636-00298.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991066456,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991066455841064}","num_words":773,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI ADO TSO EME NE AMEWO VA NYA MAWU KPLE VIA\nÐEKAWƆWƆ SI LE YEHOWA, YESU KPLE NUSRƆ̃LAWO DOME\nLɔlɔ̃ si le Yesu si na eƒe apostoloawo la ʋãe wòle wo dzram ɖo ɖe eƒe dzodzo si tu aƒe la ŋu. Azɔ ewu mo dzi do gbe ɖa na Fofoa ale: \"Do viwò la ɖe dzi, ne viwò la hã nado wò ɖe dzi, abe ale si ko nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãwo katã dzi ene ale be wòana agbe mavɔ ame siwo katã nètsɔ nɛ.\"—Yohanes 17:1, 2.\nAle si ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu le vevie na Yesu la dze ƒãa le eƒe gbedodoɖaa me. Aleke gbegbe agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la faa akɔ na amee nye esi! Esi wona ŋusẽ Yesu \"ɖe ŋutilãwo katã dzi\" ta la, ate ŋu ana tafea naɖe vi na ameƒomea katã. Gake ame aɖewo koe woayra. Nu ka tae wònye ame aɖewo ko? Elabena ame siwo awɔ nu si ŋu Yesu gaƒo nu tsoe la koe wòana tafea naɖe vi na. Egblɔ be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\"—Yohanes 17:3.\nEle be ame nanya Fofo la kple Vi la nyuie, eye kadodo kplikplikpli nanɔ eya kpli wo dome. Ele be woƒe susu le nuwo ŋu nanɔ eya hã si. Gakpe ɖe eŋu la, ele be wòaɖe woƒe nɔnɔme nyoameŋuawo afia le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Eye ele be wòanyae be ŋutikɔkɔe si woatsɔ ana Mawu la le vevie wu amegbetɔwo ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ. Yesu gahe susu yi nya ma dzi esi wògblɔ be:\n\"Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu. Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.\" (Yohanes 17:4, 5) Ɛ̃, Yesu le biabiam be Mawu natsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ ye si le dziƒo la ana ye to tsitretsitsi dzi.\nGake Yesu meŋlɔ nu nyui si do tso eƒe subɔsubɔdɔa me la be o. Edo gbe ɖa be: \"Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam. Tɔwòe wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wolé wò nya la me ɖe asi.\" (Yohanes 17:6) Menye ɖeko Yesu yɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le eƒe subɔsubɔdɔa me o. Ke ekpe ɖe eƒe apostoloawo ŋu wova nya nu si ŋkɔa le tsitre ɖi na hã, si nye Mawu ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu.\nApostoloawo va nya Yehowa, akpa si Via wɔna kple nu siwo ŋu Yesu fia nu tsoe. Yesu gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: \"Megblɔ nya siwo nède asi nam la na wo, eye woxɔ wo, eye wova nyae vavã be tewòƒenɔlae menye va, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.\"—Yohanes 17:8.\nAzɔ Yesu ƒo nu tso ale si eyomedzelawo ɖe vovo tso ame siwo le xexea me gbɔ ŋu ale: \"Mele kuku ɖem ɖe wo ta, menye ɖe xexea ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta, elabena tɔwòe wonye . . . Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta, ne woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míele ɖeka ene . . . mekpɔ wo ta, eye wo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la ko,\" si nye Yuda Iskariot, ame si dzo yi be yeaɖade Yesu asi.—Yohanes 17:9-12.\nYesu yi eƒe gbedodoɖaa dzi be: \"Xexea lé fu wo . . . Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.\" (Yohanes 17:14-16) Apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo le xexea, si nye ameƒome si dzi ɖum Satana le la me, gake mele be woasrɔ̃ xexea kple eƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo o. Aleke woawɔ esiae?\nEle be woanɔ kɔkɔe, si fia be woatsɔ wo ɖokuiwo ake hena Mawu subɔsubɔ. Wowɔa esia ne wonɔa agbe ɖe nyateƒenya siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me kple esiwo ŋu Yesu fia nu tsoe la nu. Yesu do gbe ɖa be: \"Kɔ wo ŋu to nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe.\" (Yohanes 17:17) Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔea aʋã apostoloawo dometɔ aɖewo hã be woaŋlɔ agbalẽ siwo ava nye \"nyateƒe\" si dzi woate ŋu ato akɔ amewo ŋu la ƒe akpa aɖe.\nAme bubuwo hã ava xɔ \"nyateƒe la.\" Eya ta le Yesu ƒe gbedodoɖaa me la, mebia \"na ame siawo [ame siwo le egbɔ la] ɖeɖe ko o, ke [ebia] na ame siwo ava xɔ [edzi] ase to woƒe nya me la hã.\" Nu kae Yesu bia ɖe wo katã nu? Egblɔ be: \"Ne wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene, ale be woawo hã woawɔ ɖeka le mía me.\" (Yohanes 17:20, 21) Yesu kple Fofoa menye ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o. Wowɔ ɖeka le gɔmesesea nu be woƒe susu wɔ ɖeka le nuwo katã me. Yesu do gbe ɖa be ɖekawɔwɔ sia nanɔ ye yomedzelawo hã dome.\nƔeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na esia la, Yesu gblɔ na Petro kple etɔwo be yeyina teƒe aɖe dzra ge ɖo na wo, si nye dziƒo. (Yohanes 14:2, 3) Azɔ Yesu he susu yi nya ma dzi le gbedodoɖaa me be: \"Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye le afi si mele la, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.\" (Yohanes 17:24) Eƒe nya mawo le kpe ɖom edzi be tso gbe aɖe gbe ke—hafi Adam kple Xawa nate vidzidzi la—Mawu lɔ̃ eƒe Tenuvi la, si va zu Yesu Kristo.\nLe Yesu ƒe gbedodoɖaa ta ƒoƒo me la, egate gbe ɖe Fofoa ƒe ŋkɔ kple ale si Mawu lɔ̃ apostoloawo kple ame bubu siwo ava xɔ 'nyateƒea' la dzi ale: \"Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.\"—Yohanes 17:26.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/gbedodo%C9%96a-yohanes-17\/","date":"2018-01-22T15:06:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891377.59\/warc\/CC-MAIN-20180122133636-20180122153636-00298.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971373677,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971373677253723}","num_words":980,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi la, wo dometɔ geɖe wɔ nu vlowo abe Kain ene. Gake ame ɖeka aɖe ya to vovo. Eyae nye ŋutsu sia, si ŋkɔe nye Henox. Enye ŋutsu kalẽtɔ aɖe. Amesiwo katã dome wònɔ la nɔ nu vlowo wɔm, gake Henox ya yi edzi subɔ Mawu.\nÈnya nusitae amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la wɔ nu vlo geɖe nenema? Wò ya bu eŋu kpɔ, Amekae na Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu heɖu kutsetse, si Mawu gblɔ be womegaɖu o la? Ehẽ, mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee. Biblia yɔe be Satana. Eye ele agbagba dzem be amesiame nawɔ nu vlo.\nGbeɖeka Yehowa Mawu na Henox gblɔ nya aɖe, si ameawo medi be yewoase o la na wo. Nya lae nye be: 'Mawu ava tsrɔ̃ ame vlowo katã gbaɖegbe.' Ðewohĩ nya sia sese do dziku na ameawo ŋutɔ. Woadze agbagba gɔ̃ hã be yewoawu Henox. Eyata ahiã be Henox nawɔ kalẽ ŋutɔ hafi ate ŋu agblɔ nusi Mawu wɔwɔ ge la na ameawo.\nMawu mena Henox nɔ agbe didi le ame gblẽku mawo dome o. Henox nɔ agbe ƒe 365 pɛ ko. Nukatae míegblɔ be \"ƒe 365 pɛ ko\"? Elabena amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la, ŋusẽ geɖe le wo ŋu, eye wonɔ agbe didi wu fifia. Vavãe, Henox ƒe viŋutsu Metusala nɔ agbe ƒe 969 sɔŋ!\nAzɔ le Henox ƒe ku megbe la, ameawo vɔ̃ɖi ɖe edzi wu tsã. Biblia la gblɔ be 'woƒe tamesusu ɖesiaɖe nye vɔ̃ ko ɖaa,' eye 'anyigba la dzi yɔ fũ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.'\nÈnya nusiwo tae fukpekpe geɖewo nɔ anyigba dzi le ŋkeke mawo me la dometɔ ɖekaa? Eyae nye mɔ yeye aɖe, si dzi Satana to hena amewo wɔ nuvɔ̃. Míasrɔ̃ nu tso esia ŋu emegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/enok\/","date":"2018-02-22T02:41:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813883.34\/warc\/CC-MAIN-20180222022059-20180222042059-00051.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991315007,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991315007209778}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃, Mawu atsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò ne èɖe afɔ siwo sɔ. Biblia gblɔ be Mawu \"tsɔa vodada kena faa\" eye wòtsɔna 'kena geɖe.' (Nehemiya 9:17; Psalmo 86:5; Yesaya 55:7) Ne Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, etsɔa wo kena keŋkeŋ. Yehowa 'tutua miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.' (Dɔwɔwɔwo 3:19) Mawu tsɔna kena tegbee hã, elabena egblɔ be: \"Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.\" (Yeremiya 31:34) Ne etsɔe ke la, megagbugbɔ nɔa ŋku ɖom edzi ale be wòabu fɔ mí alo ahe to na mí ɖe eta o.\nGake menye nublanuikpɔkpɔ si gbɔ eme alo seselelãme dzro aɖe ko dzie Mawu ƒe tsɔtsɔke nɔ te ɖo o. Metrɔa eƒe nudidi dzɔdzɔewo o. Esia ta metsɔa nu vɔ̃ aɖewo kena o.\nAfɔ Siwo Nàɖe Be Mawu Natsɔe Ake Wò\nLɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ si yewɔ la nye dada le Mawu ƒe nudidiwo dzi. Togbɔ be anɔ eme be wò nuwɔnawo anya gblẽ nu le ame bubuwo ŋu hã la, ele be nàlɔ̃ ɖe edzi gbã be Mawu ŋue yewɔ nu vɔ̃a ɖo.\n—Psalmo 51:1, 4; Dɔwɔwɔwo 24:16.\nDo gbe ɖa nàbia Mawu be wòanɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi atsɔe ake ye. (Efesotɔwo 1:7) Hafi woaɖo wò gbedodoɖawo ŋu la, ele be wò ŋutɔ hã nàtsɔ ame siwo da vo ɖe ŋuwò la ƒe vodadawo ake wo.\n—Mateo 6: 14, 15.\nNe nu vɔ̃ gãe nèwɔ la, bia kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si dze akpe ɖe ŋuwò be mí kple Mawu dome naganɔ nyuie la gbɔ eye wòado gbe ɖa ɖe tawò.\n—Yakobo 5:14-16.\nSusu totro siwo le ame si ku ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu\n\"Ne meʋu nye nu vɔ̃wo me na pastɔ alo fada ko la, woatsɔe kem.\"\nWomena ŋusẽ amegbetɔ aɖeke egbea be wòatsɔ ehavi amegbetɔ si wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu la ƒe nu vɔ̃wo akee o. Togbɔ be nu vɔ̃ me ʋuʋu na ame bubu ate ŋu akpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu be wòakpɔ gbɔdzɔe hã la, Mawu ɖeɖe koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake.\nNe nyaa le alea ɖe, ke nya si Yesu gblɔ na apostoloawo be: \"Ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, ekema wotsɔ wo ke wo; gake ame siwo ƒe nu vɔ̃wo mietsɔ ke o la, wometsɔ wo ke wo o\" la gɔme ɖe? (Yohanes 20:23) Ŋusẽ tɔxɛ aɖe si Yesu ana apostoloawo ne gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.\nAbe ale si wodo ŋugbe na apostoloawo ene la, woxɔ nunana sia esi gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Apostolo Petro zã ŋusẽ sia esi wòdrɔ̃ ʋɔnu nusrɔ̃la Anania kple Safira. Petro to nukumɔ aɖe dzi nya woƒe alakpadada vɔ̃ɖi la, eye ʋɔnu si wodrɔ̃ wo la ɖee fia be wometsɔ woƒe vodadawo ke wo o.\nGbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana wɔnuku ma wu enu esi apostoloawo ku abe ale si ko wònɔ le dɔyɔyɔ kple nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo hã gome ene. (1 Korintotɔwo 13:8-10) Eya ta amegbetɔ aɖeke mate ŋu atsɔ nu vɔ̃ si ame aɖe wɔ ɖe Mawu ŋu la akee o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-ts%C9%94-nu-v%C9%94%CC%83-ke\/","date":"2018-02-24T11:33:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00085.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946059585,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946059584617615}","num_words":501,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eŋlisigbe kple Spaniagbe mee Yehowa Ðasefowo wɔ video sia ɖo gbã le ƒe 2002 me. Esia nye ale si Ðasefowo kpena ɖe dzilawo ŋu be woakpɔ wo viwo ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nKpɔ Viwòwo Ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/nutoa-me\/kp%C9%94-viw%C3%B2wo-ta-tso-%C9%96evigb%C9%94d%C9%94lawo-si-me\/","date":"2018-02-18T08:56:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891811795.10\/warc\/CC-MAIN-20180218081112-20180218101112-00703.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994021654,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994021654129028}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nSeptember 2014 | Nutikɔname Vevie\n—Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu\nNutikɔname vevie le dɔ me ate ŋu ado dɔ wò ahana wò agbenɔnɔ natɔtɔ. Nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu?\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: se si bia tso ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo si be woalé be na wo dzilawo, ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu si tso ame siwo ŋu womebui ɖo o la gbɔ kple katafitiwɔla bibiwo.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ene siwo akpe ɖe ŋuwò be màɖe mɔ wò dɔ nana nu nati kɔ na wò agbɔ eme o.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe wòle be míado gbe ɖa na ame kɔkɔewoa?\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe tsɔtsɔke bia be nàbu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò la nu tsɛ alo awɔ abe ɖe medze agɔ le dziwò kura ene oa?\nAme siwo sukli sɔ gbɔ ɖe ʋu me na dometɔ 90 le alafa me menya kura be dɔ sia le yewo ŋ u o.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nƑe 1600-awo me ƒe amenyanya sia wɔe be Spain bliboa zu Katoliko-dukɔ.\nWAS IT DESIGNED?\nAleke wòdzɔe be ʋetsuviwo mekpea ŋgo o?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe ame aɖe bia wò be: \"Ègakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒea?\" la, ɖe nàte ŋu azã Biblia atsɔ ɖe wò dzixɔse ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la me nɛa?\nSe nya siwo sɔhɛwo gblɔ tso megbelelehehe kple ɣeyiɣia ŋu dɔwɔwɔ nyuie ŋu la ɖa.\nMose kple Aron wɔ nu kalẽtɔe esi woƒo nu kple ŋusẽtɔ Farao. Miwɔ dɔdeasi siawo ƒe kɔpi ne miaƒe ƒomea nadzro wo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201409\/","date":"2018-02-24T04:56:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815318.53\/warc\/CC-MAIN-20180224033332-20180224053332-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987006783,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987006783485413}","num_words":251,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESIAE nye agbalẽ, si ƒe ŋutinyawo nye nyateƒe. Woɖe wo tso agbalẽ, si ƒo ɖesiaɖe ta le xexeame, si nye Biblia la me. Ŋutinyaawo gblɔ xexeame ƒe ŋutinya tso esime Mawu dze nuwo wɔwɔ gɔme va de asi na míaƒe egbeŋkekeawo. Wogblɔ nusi Mawu do ŋugbe be yeava wɔ le ɣeyiɣi si gbɔna me la kura gɔ̃ hã.\nAgbalẽ sia ana nànya nusi tututu Biblia la gblɔ. Eƒo nu le amesiwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me kple nusiwo wowɔ la ŋuti. Eɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi, si Mawu ana amewo la ƒe mɔkpɔkpɔ nyui la hã fia.\nŊutinya 116 ye le eme. Woƒo esiawo katã nu ƒu ɖe hatsotso enyi me. Hatsotso ɖesiaɖe ƒo nu kpuie le nusi le akpa ma me la ŋuti. Woɖo ŋutinyaawo ɖe ɖoɖo siwo nu nuawo dzɔ ɖo la nu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nànya ɣeyiɣi si me nuawo dzɔ le ŋutinya me, le kadodo me kple nudzɔdzɔ bubuawo.\nWogblɔ ŋutinyaawo ɖe gbegbɔgblɔ bɔbɔe me. Mi ɖevi sue geɖewo miate ŋu axlẽ wo na mia ɖokui. Mi dzilawo miava dze sii be mia vi sueawo akpɔ dzidzɔ be woaxlẽ ŋutinya siawo na yewo edziedzi. Miakpɔe be nusiwo adzɔ dzi na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa la le agbalẽ sia me.\nWofia Biblia ƒe akpa siwo woɖe wo tsoe la ɖe ŋutinya ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Míede dzi ƒo na wò be nàxlẽ Biblia ƒe akpa siawo, siwo dzi ŋutinyawo nɔ te ɖo la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/nye-agbal%E1%BA%BD-si-nye-biblia-%C5%8Butinyawo\/","date":"2018-02-24T12:10:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00229.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990969896,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990969896316528}","num_words":239,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wode dɔ asi na Yeremiya be wòaxlɔ̃ nu Yudatɔwo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu elabena woŋlɔ woƒe Mawu Yehowa be. (Yr 13:25) Aleke dukɔa wɔ ɖo gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui sia me? Israel-viwo ƒe ƒomewo megaléa fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o. Anɔ eme godoo be ƒome ƒe tawo meganɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo woŋlɔ ɖe 5 Mose 6:5-7 dzi o.\nEgbea hã ne ƒomewo sẽ le gbɔgbɔ me la, hameawo lia ke. Ƒome ƒe tawo ate ŋu akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woaɖo ŋku Yehowa dzi to Ƒometadedeagu tsekuwo wɔwɔ edziedzi me. (Ps 22:27) Ne miekpɔ video si nye 'Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò'—Wobia Gbe Ƒomewo vɔ la, miɖo nyabiase siawo ŋu:\nAleke ƒome aɖewo te ŋu ɖu kuxi siwo le Ƒometadedeagu wɔwɔ me la dzi?\nVi kawoe wòɖena ne míewɔa Ƒometadedeagu tsekuwo edziedzi?\nKuxi kae medoa goe le Ƒometadedeagu wɔwɔ me, eye nu kae mawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar27-apr2\/kpe-%C9%96e-%C6%92omea-%C5%8Bu-woa%C9%96o-%C5%8Bku-Yehowa-dzi\/","date":"2018-02-22T02:43:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813883.34\/warc\/CC-MAIN-20180222022059-20180222042059-00451.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987041354,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987041354179382}","num_words":150,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NA MÍAYI megbe ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ezra ƒe Yerusalem yiyi. Mardoxai kple Ester wonye Israeltɔ vevitɔ kekeakewo le Persia-fiaɖuƒe la me. Ester ye nye fianyɔnu la, eye etɔgã ƒe vi Mardoxai koe nye ame evelia, si kplɔ fia ɖo le fiaɖuƒe la me. Na míakpɔ alesi esia va emee la ɖa.\nEster dzilawo ku esime wònye ɖevi sue, eyata Mardoxai ye nyii. Fiasã aɖe nɔ Persia-fia Axasweros si le Susa-du me, eye Mardoxai nye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka. Gbeɖeka la, fiasrɔ̃ Wasti meɖo to fia la o; eyata fia la ɖe nyɔnu yeye be wòanye yeƒe fianyɔnu. Ènya nyɔnu, si wòtia la? Eyae nye ɖetugbi Ester dzetugbee la.\nÈkpɔ dadala sia, si amewo le ta dem agu na la? Haman ye nye esia. Ame vevi aɖe wònye le Persia. Haman di be Mardoxai, si le anyinɔƒe afisia la hã nade ta agu na ye. Gake Mardoxai made ta agu nɛ o. Ekpɔ be medze be woade ta agu na ame vɔ̃ɖi ma ƒomevi o. Esia ve dɔme na Haman ŋutɔ. Eyata nusi wòwɔe nye si.\nHaman da alakpa ɖe Israel-viwo si na fia la. Egblɔ be: 'Wonye ame baɖa, siwo mewɔa wò sewo dzi o. Ele be woawu wo.' Axasweros menya be ye srɔ̃ Ester nye Israeltɔ o. Eyata eɖo to Haman, eye wòna wowɔ se be le ŋkeke aɖe dzi la, woawu Israel-viwo katã.\nEsi Mardoxai se sea la, etɔtɔ ŋutɔ. Eɖo du ɖe Ester be: 'Gblɔe na fia la, eye nàɖe kuku nɛ be wòaɖe mí.' Enye nusi tsi tre ɖe Persiatɔwo ƒe se ŋuti be woayi fia gbɔ, negbe ɖe wòyɔ wò hafi. Gake Ester yi esime womeyɔe o. Fia la do eƒe sikatikplɔ la ɖee, esia fia be womawui o. Ester kpe fia la kple Haman ɖe nuɖukplɔ̃ gã aɖe ŋu. Fia la bia Ester le afima be nunana ka dim wòle tso ye si hã. Ester gblɔ nɛ be, ne eya kple Haman agava nuɖukplɔ̃ bubu ŋu etsɔ la, yeagblɔe nɛ.\nLe nu evelia ɖuƒe la, Ester gblɔ na fia la be: 'Wole mí kple nye dukɔ la wu ge.' Fia la do dziku hebiae be: 'Amekae ɖo be yeawɔ nu dziŋɔ ma?'\nEster gblɔ be: 'Futɔ lae nye Haman, ŋutsu vɔ̃ɖi sia!'\nFifia dɔme ve fia la vevie. Eɖe gbe be woawu Haman. Emegbe la, fia la ɖo Mardoxai ame evelia, si kplɔ eya ŋutɔ ɖo le fiaɖuƒe la me. Emegbe Mardoxai na wode se yeye, si ɖe mɔ na Israel-viwo be woaʋli woƒe agbe ta le ŋkeke si woɖo be woawu wo la dzi. Esi Mardoxai va zu amegã alea ta la, ame geɖe kpe ɖe Israel-viwo ŋuti, eye woɖe wo tso woƒe futɔwo si me.\nBiblia ƒe agbalẽ si nye Ester.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/fiany%C9%94nu-esta\/","date":"2018-02-19T02:29:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812306.16\/warc\/CC-MAIN-20180219012716-20180219032716-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975349307,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975349307060242}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.\"—NYAGBLƆLA 8:9.\nNYA mawo ɖɔ ale si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu le tso gbe aɖe gbe ke la nyuie. Fukpekpe kple xaxa manyagblɔwoe do tso eme. Tso blema ke la, ame siwo tsɔ susu nyui te kpɔ be yewoana nu dzɔdzɔe wɔwɔ naxɔ aƒe ɖi la doa kpo nu godogodo le amewo ƒe ŋukeklẽ kple nu fitifiti wɔwɔ ta. Nu ka gbɔe wòtso? Nu ka tae nu fitifiti wɔwɔ nu gbe tsotso ɖo? Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ etɔ̃ siwo gbɔna la koŋ tae.\n1. Nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.\nBiblia gblɔe kɔtɛ be mí katã míele \"nu vɔ̃ te.\" (Romatɔwo 3:9) Nu vɔ̃ 'le mía me' abe ale si ko wonyia dɔmavɔleameŋu ƒe dome tso ame dzilawo gbɔ ene. Nu vɔ̃ 'ɖu fia' ɖe ameƒomea dzi ƒe akpe geɖewoe nye esia. Nu vɔ̃ ƒe \"se\" la le dɔ wɔm le mía me ɣeawokatãɣi. Nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo nana ame geɖewo dia wo ɖokui tɔ alo wodzea agbagba tea ame bubuwo ɖe anyi be kesinɔnuwo alo ɖoƒe nasu yewo si.—Romatɔwo 5:21; 7:17, 20, 23, 25.\n2. Xexe vɔ̃ɖi si me míele ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.\nŊukeklẽ kple ɖokuitɔdidi xɔ aƒe ɖe xexe sia me. Esia nana wòsesẽna na ame aɖewo be woato vovo. Nɔƒe gã didi ɖokuitɔdiditɔe nana wodina be yewoaɖu ame bubuwo dzi godogodo. Azɔ hã wodina vevie be yewoali kɔ nunɔamesiwo ɖi gleglegle. Nublanuitɔe la, wolɔ̃na faa be yewoato mɔ fitifitiwo dzi aɖo taɖodzinu mawo gbɔ. Le esi teƒe be woaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo dzi la, wonɔa \"ha yome le nu vlo wɔwɔ me\" boŋ.—2 Mose 23:2.\n3. Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.\nSatana, si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã la, le \"anyigba dzi nɔlawo katã blem.\" (Nyaɖeɖefia 12:9) Amegbetɔwo beble dzɔa dzi nɛ. Etea ŋu wɔa dzodzro si nɔa amewo me le dzɔdzɔme nu be nu nadze edzi na yewo eye ga nasu yewo si la ŋu dɔ ayetɔe tsɔ tea wo kpɔnae bene woawɔ nu fitifiti.\nÐe esia fia be Satana ate ŋu anɔ mía dom ko abe sɔ ene le ale si wòdi nua? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121001\/why-corruption\/","date":"2018-02-17T21:50:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807825.38\/warc\/CC-MAIN-20180217204928-20180217224928-00795.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961885214,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961885213851929}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae Yehowa na tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi? Tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, nyui kple vɔ̃ ƒe ʋiʋli aɖe dze egɔme. Ame aɖewo abe Adam, Xawa kple wo viŋutsu Kain tiae be yewoawɔ nu vɔ̃. Ame bubuwo abe Abel kple Noa ene ya tiae be yewoawɔ nu nyui. Ame geɖe va vɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma. Akpa sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be Yehowa kpɔa nu siwo míewɔna eye maɖe mɔ vɔ̃ naɖu nyui dzi gbeɖe o.\nLE AKPA SIA\nNu kae na ati ɖeka aɖe si nɔ Eden-bɔa titina la nɔ etɔxɛ? Nu ka tae Xawa gbe atikutsetsea heɖu?\nMawu xɔ Abel ƒe nunanaa gake mexɔ Kain ya tɔ o. Esi Kain va de dzesii la, edo dziku vevie eye wòwɔ nu dziŋɔ aɖe.\nEsi mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖi va ɖe anyigbadzinyɔnuwo la, wodzi ŋutsuvi siwo va zu ame dzɔatsu tagbɔsẽlawo. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ anyigba katã dzi. Gake Noa ya to vovo—elɔ̃ Mawu eye wòɖo toe.\nTsi dza ŋkeke 40 kple zã 40 eye tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖaka la me wu ƒe ɖeka sɔŋ. Mlɔebaa wodo le aɖaka la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/2\/","date":"2018-02-20T00:32:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812855.47\/warc\/CC-MAIN-20180219231024-20180220011024-00571.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967306256,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996730625629425}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YEHOWA nye Mawu dɔmenyotɔ. (Yakobo 1:17) Nu siwo katã wòwɔ le xexea me la ɖo kpe esia dzi. Ewɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽwo ɖe dziƒo eye wòwɔ nu miemie dzeani hamehamewo ɖe anyigba la dzi.—Psalmo 65:12, 13; 147:7, 8; 148:3, 4.\nPsalmo 104 ŋlɔlaa kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo katã Yehowa wɔ ŋu eye wòkpa ha tsɔ kafui heda akpe nɛ. Ne èxlẽ psalmo ma la, ɖe wò hã nèdaa akpe na Mawu abe hakpalaa enea? Egblɔ be: \"Madzi ha na Yehowa le nye agbe me katã; madzi kafukafuha na nye Mawu zi ale si mele agbe.\" (Psalmo 104:33) Wò hã èwɔa esia?\nDƆMENYONYO ƑE KPƆÐEŊU NYUITƆ\nYehowa di be míasrɔ̃ yeƒe dɔmenyonyo. Eye wògblɔ susu vevi si tae la na mí. Eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: \"Xlɔ̃ nu ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí la ŋu. Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, . . . ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.\"—1 Timoteo 6:17-19.\nLe agbalẽ evelia si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, eƒo nu tso nu si wòle be wòaʋã mí míana nu ŋu. Egblɔ be: \"Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.\" (2 Korintotɔwo 9:7) Ne míena nu ame la, ame kae wòɖea vi na? Paulo gblɔ be eɖea vi na amewo elabe míekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, gake 'nudonavila megbea asi ɖuɖɔ o,' eya ta Yehowa yraa míawo hã ɖe eta.—2 Korintotɔwo 9:11-14.\nEyome Paulo he susu yi Mawu ƒe dɔmenyo gãtɔ dzi esi wògblɔ be: \"Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.\" (2 Korintotɔwo 9:15) Yehowa ƒe \"nunana faa\" la ƒe ɖewoe nye nu nyui siwo katã wɔm wòle na mí to Yesu Kristo dzi. Nya aɖeke meli míatsɔ aɖɔ asixɔxɔ si gbegbe le nunana sia ŋu wòade edeƒe o.\nAleke míaɖee afia be míedaa akpe ɖe nu nyui siwo katã wɔm Yehowa kple Yesu le na mí ta? Míewɔa esia ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ga kple nunɔamesiwo le Yehowa subɔsubɔ me, eye míekpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso eyama ŋu. Míate ŋu anyo dɔme alea míeɖanye kesinɔtɔwo loo alo ame dahewo o.—1 Kronika 22:14; 29:3-5; Luka 21:1-4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20151215\/nudz%C9%94dz%C9%94-hena-xexea-kat%C3%A3-%C6%92e-d%C9%94a\/","date":"2018-02-22T21:40:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814290.11\/warc\/CC-MAIN-20180222200259-20180222220259-00661.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9899111986,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9899111986160278, \"ajg_Latn_score\": 0.010108400136232376}","num_words":427,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusɔsrɔ̃ 13: Yehowa Akpe Ðe Ŋuwò Be Màvɔ̃ O\nÐe vɔvɔ̃ ɖo wò kpɔ esi nèdi be yeaƒo nu tso Yehowa ŋu na amewoa? Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màvɔ̃ o?\nKpɔ Esia Hã\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO\nYehowa akpe ɖe ŋuwò màvɔ̃ o abe Israel-nyɔnuvi sue la ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/yehowa-akpe-%C9%96e-%C5%8Buw%C3%B2-be-m%C3%A0v%C9%94%CC%83-o\/","date":"2018-03-25T00:49:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257651465.90\/warc\/CC-MAIN-20180324225928-20180325005928-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973604679,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973604679107666}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.974,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wodze magazine si xlẽm nèle fifia la tata gɔme tso July 1879 me. Nuwo le tɔtrɔm tso ɣemaɣi va de asi na fifia, eye nenema kee wòle le magazine sia hã gome. (Kpɔ foto siwo le etame.) Àde dzesi tɔtrɔ bubu aɖewo hã tso Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzi. Nu kawoe trɔ?\nLe dukɔ geɖe me la, ame geɖe wu va le dzidzɔ kpɔm ɖe nyatakakawo xexlẽ le Internet dzi ŋu. Ele bɔbɔe ŋutɔ be woato kɔmpiuta dzi ake ɖe nyatakaka siwo woate ŋu axlẽ le Internet ko dzi la ŋu. Agbalẽwo, magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽ geɖewo li siwo woate ŋu axlẽ le Internet dzi.\nLe esia taa, míetrɔ asi le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org la ŋu nyitsɔ laa be nyawo didi le afi ma nanɔ bɔbɔe wu, eye wòado dzidzɔ na ame. Ame siwo yi Nyatakakadzraɖoƒea ate ŋu axlẽ agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 430 sɔŋ me. Ke hã, tso ɣleti sia dzi yina la, ame siwo ayi afi ma la ate ŋu akpɔ nyati aɖewo siwo dzena edziedzi tsã le magazineawo me la le Nyatakakadzraɖoƒe ma ko azɔ. *\nEsi míada nyati geɖe ɖe Internet ko dzi ta la, tso magazine sia ƒe tata dzi yina la, Gbetakpɔxɔ ƒe axawo ƒe xexlẽme maganye 32 o, ke boŋ 16. Wole Gbetakpɔxɔ tam ɖe gbegbɔgblɔ 204 me xoxo. Esi axawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ta la, woate ŋu atae ɖe gbegbɔgblɔ geɖe wu me azɔ.\nMíele mɔ kpɔm be tɔtrɔ siawo ana be Biblia me gbedeasi si xɔa ame ɖe agbe la naɖo ame geɖe wu gbɔ. Míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ nyati dodzidzɔname siwo me nufiame le la tam le agbɔsɔsɔme—le agbalẽwo kple Internet siaa dzi—be wòaɖe vi na míaƒe nuxlẽla geɖe siwo dea asixɔxɔ Biblia ŋu hedina be yewoanya nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia la.\nEtalawo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130101\/na-nuxl%E1%BA%BDlawo\/","date":"2018-03-25T00:46:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257651465.90\/warc\/CC-MAIN-20180324225928-20180325005928-00114.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994318485,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999431848526001}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŊUTSUVI eve, siwo le afisia la meto vovo ŋutɔ oa? Ènya woƒe ŋkɔa? Adela lae nye Esau, eye ŋutsuvi, si le alẽawo dzi kpɔm lae nye Yakob.\nEsau kple Yakob wonye Isak kple Rebeka ƒe viŋutsu, siwo nye venɔviwo. Wo fofo Isak lɔ̃ Esau vevie ŋutɔ, elabena enye adela nyui aɖe, eye wòtsɔa nuɖuɖu vaa aƒemee na ƒomea. Gake Rebeka ya lɔ̃ Yakob vevie, elabena enye ŋutsuvi kpoo aɖe, si nye ame fafa.\nTɔgbui Abraham gale agbe, eye míate ŋu akpɔ alesi Yakob lɔ̃na be yealé to ɖe eŋu ne ele nu ƒom tso Yehowa ŋu la le susu me. Abraham ku mlɔeba esime wòxɔ ƒe 175, eye venɔviawo ya tsi xɔ ƒe 15.\nEsi Esau tsi xɔ ƒe 40 la, eɖe nyɔnu eve tso Kanaan-nyigba dzi. Esia zu nuxaxa gã aɖe na Isak kple Rebeka, elabena nyɔnu siawo mesubɔa Yehowa o.\nNane va dzɔ gbeɖeka, esi na be Esau do dziku vevie ɖe nɔvia Yakob ŋu. Ɣeyiɣi aɖe va ɖo esime wòle be Isak nayra viaŋutsu xoxoetɔ. Esi wònye Esau nye xoxo na Yakob ta la, enɔ mɔ kpɔm be yeaxɔ yayra sia. Gake do ŋgɔ la, Esau tsɔ yayra, si wòaxɔ la ƒe gome dzra na Yakob. Hekpe ɖe eŋu la, esime wodzi ŋutsuvi eveawo la, Mawu gblɔ be Yakob ye le yayra la xɔ ge. Eye alea wòva dzɔe. Isak tsɔ yayra la na viaŋutsu Yakob.\nEmegbe esi Esau se esia la, edo dziku ɖe Yakob ŋu. Edo dziku vevie ale gbegbe be wògblɔ be yele Yakob wu ge. Esi Rebeka se nya sia la, eɖe fu nɛ ŋutɔ. Eyata egblɔ na srɔ̃a Isak bena: 'Anye nublanuinya ŋutɔ be Yakob hã naɖe Kanaan-nyɔnu siawo dometɔ aɖe.'\nTete Isak yɔ via Yakob hegblɔ nɛ bena: 'Mègaɖe Kanaan-nyɔnu o. Yi ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒeme le Xaran boŋ. Nàɖe viaŋutsu Laban vinyɔnuwo dometɔ ɖeka.'\nYakob ɖo to fofoa, eye enumake edze eƒe mɔ didi la zɔzɔ gɔme heyi ɖe afisi eƒe ƒometɔwo le le Xaran.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/yakob-kple-esau\/","date":"2018-03-19T12:02:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257646875.28\/warc\/CC-MAIN-20180319101207-20180319121207-00203.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997479558,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974795579910278}","num_words":323,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SEPTEMBER 22, 2014\nTURKMENISTAN\nSeptember 2, 2014 ƒe fiẽ ga 8 mee woɖe asi le Bibi Rahmanova ŋu le gaxɔ me, gake nya si wotɔ ɖe eŋu alakpatɔe la gakpɔtɔ li. Le gbe ma gbe ŋdi la, Dashoguz Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbugbɔ drɔ̃ eƒe nyaa. Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒea megblɔ be Bibi ɖi fɔ o hã la, wote fli ɖe afia si wotso nɛ be wòanɔ gaxɔ me ƒe enea la me, eye woɖe gbe be woaɖe asi le eŋu enumake, gake ablɔɖe aɖeke manɔ esi o. * Ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ te ɖe nanewo dzi kpɔ nyaa me na Bibi. Wogblɔ be esi wònye nyɔnu, wòganye vidada si si ƒe-ene-vi le, eye mewɔ nu vlo aɖeke kpɔ o tae woɖe asi le eŋu ɖo.\nBibi bia be ʋɔnudrɔ̃ƒea nagbugbɔ yeƒe nyaa adrɔ̃ na ye esi wonɔ te ɖe alakpanyawo dzi bu fɔe le August 18 be \"edze kpovitɔ aɖe dzi\" eye \"wòwɔ akpasesẽnu ɖe eŋu\" megbe. Kpovitɔwo lé Bibi kple srɔ̃a, Vepa, le July 5 dzi le ketekedzeƒe aɖe le Dashoguz eye woxɔ woƒe mɔzɔkplo si me mawusubɔsubɔgbalẽ aɖewo le la le wo si. Wotsɔ nya ɖe Vepa ŋu, gake woɖe asi le nyaa ŋu emegbe. Gake wode Bibi ya mɔ́ le August 8 dzi. Esi wònɔ gaxɔa me la, wowɔ ŋlɔmi le eŋu vevie.\nWode Dzesi Madzɔmadzɔnyenye Siwo Yi Edzi Le Turkmenistan\nBibi ƒe senyala si tso duta gblɔ be anɔ eme be ale si xexea katã di dzɔdzɔenyenye le nya sia me hã le eme tae woɖe asi le eŋu le gaxɔa me ɖo.\nMenye esiae nye zi gbãtɔ wowɔ nu ɖe Yehowa Ðasefo aɖe ŋu alea le Turkmenistan o. Wotua afɔkpo Ðasefowo ƒe amegbetɔ ƒe gomenɔamesi veviwo enuenu. Ðasefo enyi le mɔ́ me ɖe woƒe xɔse ta—wo dometɔ ade nye ame siwo gbe be yewomade nu dunyahehe me o, eye eve nye ame siwo nu wotso alakpatɔe. Wotoa nɔnɔme sesẽ me eye wowɔa ŋlɔmi le wo ŋu zi geɖe.\nDashoguz Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo dze na kafukafu ɖe ale si wova trɔ asi le Bibi ƒe nyaa ŋu ta. Gake ɖeko womeɖɔ madzɔmadzɔnyenye si yi edzi la ya ɖo o. Ame siwo de dzesii be ele vevie be woade asixɔxɔ bubu si amegbetɔ dzena la ŋu le mɔ kpɔm be Turkmenistan ƒe dziɖuɖumegãwo agbugbɔ ŋku alé ɖe nya bliboa ŋu eye woazã amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe se siwo dzi woda asi ɖo le xexea me godoo atsɔ ana subɔsubɔ ƒe ablɔɖe amewo le woƒe dukɔa me.\n^ mm. 2 Nutome ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe Bibi ƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe ene la me, gake mena ablɔɖee o hena ƒe ene; esia bia be wòalé ŋku ɖe eŋu hena ƒe etɔ̃. Le ɣeyiɣi siawo me la, ele be wòanɔ agbe nyui eye mekpɔ mɔado alo aʋu le du si me wòle la me o negbe ɖe wòxɔ mɔɖeɖe le setɔwo gbɔ ko.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/turkmenistan\/dashoguz-%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92ea-%C9%96e-asi-bibi-rahmanova-%C5%8Bu\/","date":"2018-03-17T23:25:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645362.1\/warc\/CC-MAIN-20180317214032-20180317234032-00493.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989004731,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989004731178284}","num_words":458,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! January 2014 | Nyatakakadzraɖoƒe Si Nyo Na Ame Sia Ame\nÀdi be yease Biblia gɔme ɖe edzia? Alo àdi be wò ƒomea nakpɔ dzidzedzea? Sɔhɛ nènye eye nèle aɖaŋuɖoɖo dima? Nya siwo sɔ na ame sia ame le míaƒe nyatakakadzroƒea.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nSrɔ̃ ale si nàzã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea eye nàkpɔ ale si Biblia me nunya si ɖea vi ɣesiaɣi la akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋui ɖa.\nNyatiawo dometɔ aɖewo: ɖevi ƒe gomenɔamesi le Afrika-dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe, vɔvɔ̃ na Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu le Italy kple ale si sɔhɛwo gbena be woagado yewo ɖe ŋgɔ le dɔ me o le dzidzim ɖe edzi le Japan.\nINTERVIEW\nAle si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ la na Feng-Ling Yang, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si le Japan, megava xɔ nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la dzi se o. Nu ka tae?\nHELP FOR THE FAMILY\nHatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana ame nyui nawɔ nu gbegblẽwo. Nu kae wòle be nànya tso hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu eye aleke nànɔ te ɖe enui?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nBiblia ƒo nu tso \"ŋkeke\" ade siwo Mawu tsɔ wɔ nu gbagbewoe la ŋu. Ðe ŋkeke mawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye gaƒoƒo 24 hã?\nLANDS AND PEOPLES\nWonya Italytɔwo nyuie be wowɔa xɔlɔ̃, blemanuwo bɔ ɖe wo gbɔ eye nutata vovovowo le wo si. Xlẽ nu tso ale si Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le edzi yim le du sia mee la ŋu.\nWAS IT DESIGNED?\nYiyiɖɔ tea ŋu sesẽna alo bɔbɔna ne ehiã. Xlẽ nu tso ale si wòdzɔnae kple nu si tae la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201401\/","date":"2018-03-24T12:43:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257650262.65\/warc\/CC-MAIN-20180324112821-20180324132821-00073.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990493059,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990493059158325}","num_words":273,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BƆTRI alo abɔ aɖewo le Anyiehe Amerika siwo ƒe towo medidi de milimeta ɖeka o, ke hã woƒe nusese de amegbetɔwo tɔ ɖi ge kloe. Nudzodzoe sia tea ŋu dea vovototo gbe vovovo siwo le ɖiɖim le adzɔge ʋĩ ke la dome. Le kpɔɖeŋu me, etea ŋu dea vovototo bɔtri bubu ƒe xɔxlɔ̃ kple agutɔ si le nu dim be yealé la ƒe xɔxlɔ̃ dome.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Bɔtri ƒe towo le eƒe ŋgɔgbefɔ eveawo ŋu. Abe ale si wòle le amegbetɔ ƒe to gome ene la, bɔtri ƒe to léa gbeɖiɖi ɖi, henyaa gbe si le ɖiɖim kple afi si wòle ɖiɖim tso. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ nu tɔxɛ aɖe le nudzodzoe sia ƒe to me, si nye kotoku nyaŋui si me tsi le, si vuna gblotoo abe ƒuƒuloto (alo wotowoto) ene. Kotoku sia wɔa dɔ abe amegbetɔ kple lã siwo dzia vi ƒe to ememetɔa ƒe akpa si ƒe nɔnɔme le abe abɔbɔ ene. Ke hã wo tɔ lolo wu bɔtri tɔ sãsãsã. Kotoku siae nana be bɔtri sea nu le mɔ wɔnuku sia nu.\nNufialagã Daniel Robert, si fiaa nu le yunivɛsiti aɖe (University of Bristol's School of Biological Sciences) me le United Kingdom gblɔ be nu sia si wode dzesi le bɔtri ƒe nusese ŋu la akpe ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋu \"woawɔ nusemɔ̃ siwo le sue wu, siwo woazã atsɔ ase gbeɖiɖiwo nyuie wu mɔ̃ siwo katã wowɔ kpɔ.\" Numekulawo xɔe se be nu sia si ŋu woke ɖo le bɔtri ŋu la ana woato gbeɖiɖimɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ aɖe vɛ, si dzi woato awɔ mɔ̃ deŋgɔ siwo woazã le kɔdziwo le dɔdada me.\nNu kae nèsusu? Ðe bɔtri ƒe nusese wɔnuku la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201310\/b%C9%94tri-%C6%92e-nusese\/","date":"2018-04-20T21:31:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944682.35\/warc\/CC-MAIN-20180420194306-20180420214306-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985744357,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998574435710907}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE FIA Yerobeam ƒe ku megbe la, fia ɖesiaɖe, si ɖu Israel ƒe to 10 fiaɖuƒea dzi la vɔ̃ɖi. Fia Axab ye vɔ̃ɖi wu wo katã. Ènya nusitaea? Susu vevi ɖeka, si ta lae nye srɔ̃a, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel.\nIzebel menye Israel-nyɔnu o. Enye Zidon-fia vinyɔnu. Esubɔa alakpamawu Baal, eye wònana Axab kple Israeltɔ geɖe hã subɔa Baal. Izebel lé fu Yehowa, eye wòwua eƒe nyagblɔɖila geɖe. Ame aɖewo be ɖe agadowo me be womagawu wo o. Ne Izebel le nane dim la, ewua ame kura gɔ̃ hã be eƒe asi nasu edzi.\nGbeɖeka la, Fia Axab lé blanui vevie. Eye Izebel biae be: 'Nukatae nèlé blanui egbea?'\nAxab ɖo ŋu be: 'Nusi Nabot gblɔ nam egbea la tae. Medi be maƒle eƒe weingble la. Gake ebe yemadzrae nam o.'\nIzebel gblɔ be: 'Mègaxa nu o. Maxɔe na wò.'\nEye Izebel ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe afisi Nabot le la ƒe dumegãwo. Egblɔ na wo be: 'Midi yakame aɖewo ne woagblɔ be Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la, eye miakplɔ Nabot ado goe ɖe dua godo aƒu kpee wòaku.'\nEsi Izebel se be Nabot ku teti ko la, egblɔ na Axab be: 'Azɔ heyi nàxɔ eƒe weingble la.' Ðe mèxɔe se be ele be woahe to na Izebel le ŋɔdzinu, si wòwɔ la ta oa?\nEyata emegbe la, Yehowa dɔ Yehu be wòahe to nɛ. Esi Izebel se be Yehu gbɔna la, esi nu ɖe eƒe ŋkuwo, eye wòdze agbagba ɖo atsyɔ̃ na eɖokui be yeanya kpɔ. Gake esi Yehu va, eye wòkpɔ Izebel le fesre nu la, egblɔ na amesiwo le fiasa la me be: 'Mitutui ƒu anyi!' Ameawo tu asii ƒu anyi abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetataa me ene. Wotu asii ƒu anyigba wòku. Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel ƒe nuwuƒee nye esia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/izebel-ahab\/","date":"2018-04-25T18:58:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00163.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994095564,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999409556388855}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzeɖoɖo\nÐe dzeɖoɖo kple viwò ƒewuivi sesẽna na wòa? Nu kawoe nana wòsesẽna?\nViwòa le amenyenye ƒomevi aɖe tum ɖo eye ehiã be woana mɔnukpɔkpɔe wòagblɔ eƒe susuwo. Aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu?\nNyɔnuvi geɖe tsia dzodzodzoe ne wole go dom tɔtrɔ siwo doa mo ɖa ne wole sɔhɛme ɖom. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu?\nAmehehe Kple Hehenana\nNu si amehehe fiae nye be woafia nu ame. Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwò ƒewuivia be wòaɖo to tsɔ wu be wòadze aglã.\nNu kae nàte ŋu awɔ ne edze abe viwò ƒewuivi tsia tre ɖe wò se ɖe sia ɖe ŋu ene?\nMègalala nu sia nadzɔ ɖe viwò dzi hafi nàfia afɔɖoƒee o. Srɔ̃ ale si nàƒo nu tso afɔku si le nuwɔna sia me ŋu na viwò ƒewuivia do ŋgɔ\nƑewuivi aɖewo ɖonɛ koŋ nɔa nu vevi wɔm wo ɖokuiwo. Nu kae na wole nu sia wɔm? Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋui?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/%C6%92ewuiviwo-hehe\/","date":"2018-04-25T01:11:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947654.26\/warc\/CC-MAIN-20180425001823-20180425021823-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990448952,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990448951721191}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 4 2017 | Ðe Nèle Nu Geɖe Wɔm Akpaa?\nVovo megale ame geɖe ŋu egbea kura o eye esia wɔe be ɣeaɖewoɣi la egblẽa ƒomedodowo me eye ƒomewo kpea fu.\nAleke míate ŋu awɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie wu?\nNunyala aɖe ŋlɔ nya siawo be: \"Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.\"—Nyagblɔla 4:6.\n\"Nyɔ\"! sia ƒo nu tso ale si míawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie, si ƒe ɖee nye be míatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMenɔa bɔbɔe na ame geɖe be woakpɔ vovo ɖe woƒe dɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu o. Nu ka gbɔe kuxia tso? Nu kae míate ŋu awɔ aɖe kuxia dzi akpɔtɔ?\nTsãa, wosusu be ƒudzixe sia ƒe ʋuʋu tso Artik nutoa me yi Antaktika ƒe sia ƒe nyea kilometa 35,200. Gake ema nye xe sia ƒe mɔzɔzɔ wɔnukua ƒe akpa aɖe ko.\nMíate ŋu ana ŋkɔ nyui nanɔ mía ŋu eye amewo nade bubu mía ŋu. Gake aleke míawɔe?\nHELP FOR THE FAMILY\nSrɔ̃tɔ aɖewo toa kuxi sesẽwo me ne wo viwo tsi eye woʋu le aƒea me. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu?\nINTERVIEW\nNufialagã Rajesh Kalaria ƒo nu tso eƒe dɔ si wòwɔna kple eƒe xɔse ŋu. Nu kae na wòva trɔ susu le afi si agbe dzɔ tso la ŋu?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nSrɔ̃gbegbe, lãmesẽkuxiwo, dzitsinya ƒe fuɖename, nu siwo dzɔna ɖe ame dzi ne eɖe mɔ tetekpɔ ɖu edzi la dometɔ aɖewo koe nye esiawo. Aleke nàwɔ aƒo asa na tetekpɔ siawo?\nWAS IT DESIGNED?\nAtikutsetse sia me tsi mele blɔ o, ke hã eƒe amadede si le blɔ lae nye amadede si le blɔ wu atikutsetse bubu ɖe sia ɖe tɔ. Nu kae na eƒe amadedea nya kpɔ nenema?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBiblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu xoxo woƒe ƒomewo le dzidzɔ kpɔm.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2017-august\/","date":"2018-04-23T15:09:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00055.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981908798,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981908798217773}","num_words":324,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2013\nTata sia afia ale si wòle be míasrɔ̃ Biblia lae ale be míate ŋu azã mawumenunya le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbenɔnɔ me la mí.\nKpɔ ale si sɔhɛ geɖe le asi trɔm le woƒe nɔnɔmewo ŋui be yewoakeke yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu.\nNe míexlẽa Biblia hewɔna ɖe eƒe nufiamewo dzi ko hafi wòaɖe vi na mí. Srɔ̃ ale si nàxlẽ Biblia be wòaɖe vi na wò geɖe wu.\nÈdea asixɔxɔ Biblia ŋua? Ne èse 2 Timoteo 3:16 gɔme nyuie la, ana nàxɔ Yehowa ƒe nunana sia dzi se geɖe wu.\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ Aili kple Annikki Mattila, siwo srɔ̃ ale si woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esi wole subɔsubɔm abe mɔɖela veviwo ene le Finland ƒe dziehe la ƒe agbemeŋutinya.\nBubu wònye na mí be míenye Mawu ƒe habɔbɔ gã la me tɔwo. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe dɔ siwo wɔm wòle egbea ŋui?\nNu kae akpe ɖe mía ŋu míazɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa eye dzo nakpɔtɔ anɔ mía me le Mawu subɔsubɔ me\nYesu gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yehowa ƒe gbedoxɔa keŋkeŋ. Ðe wogbugbɔ Yerusalem gbedoxɔ si wotsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me la tua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130415\/","date":"2018-04-25T11:23:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00083.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982382655,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982382655143738}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NƆVIŊUTSU George Naish le asi fiam atikpo siwo woli kɔ ɖi, siwo dometɔ ɖe sia ɖe didi meta 18 la, le aʋawɔnuwodzraɖoƒe si le Saskatoon, Saskatchewan, Canada, hebia be: \"Nu kae wowɔna kple nu mawo katã? Woɖo eŋu nɛ be wozã atiawo tsɔ tu kaklãnaxɔ kɔkɔwo le Xexemeʋa I wɔɣi. Nɔviŋutsu Naish gblɔ emegbe be: 'Eva susu me nam be míate ŋu azã atikpo mawo atsɔ atu radiodɔwɔƒe ƒe antenna kɔkɔwo, eye ɣemaɣie wòva susu me na mí be míatu teokrasi radiodɔwɔƒe aɖe.' Le ƒe ɖeka pɛ ko megbe le ƒe 1924 me la, radiodɔwɔƒe si woyɔ be CHUC la dze dɔwɔwɔ gɔme. Enye radiodɔwɔƒe gbãtɔ siwo dzi wogblɔa mawunya le le Canada la dometɔ ɖeka.\nEsi Canadanyigba ƒe lolome de sɔsɔ ge kple Europa ta la, susu nyui aɖee wònye be woawɔ ɖaseɖiɖidɔa to radio dzi le dukɔ ma me. Florence Johnson, ame si wɔ dɔ le radiodɔwɔƒea le Saskatoon la gblɔ be: \"Míeda akpe be míaƒe radiowo zazã na ame gbogbo aɖewo siwo gbɔ míawo ŋutɔwo míate ŋu ayi o la se nyateƒea. Esi wònye be radio nye nutovɛ yeye aɖe ɣemaɣi ta la, amewo dina vevie be yewoase radio dzi nyatakaka ɖe sia ɖe.\" Kaka ƒe 1926 naɖo la, radiodɔwɔƒewo nɔ Biblia Nusrɔ̃viawo (si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi la) ŋutɔwo si le Canada ƒe dugã ene me. *\nNe ènɔ anyi ɣemaɣi eye nèʋu radio mawo dometɔ ɖeka la, nya kae nàse? Zi geɖe la, hadziha siwo tsoa hame siwo le nutoa me me la va dzia ha esime ame bubuwo nɔa haƒonuwo ƒom ɖe edzi eye haƒoha suewo gɔ̃ hã kpena ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi. Gake nu vevitɔe nye be, nɔviawo ƒoa nuƒowo eye wowɔa numedzodzrowo tso Biblia me nyawo ŋu. Nɔvinyɔnu Amy Jones, ame si kpɔ gome le numedzodzroawo wɔwɔ me la ɖo ŋku edzi be: \"Ne míele gbeadzi eye meyɔ nye ŋkɔ na aƒemenɔlawo la, wogblɔna ɣeaɖewoɣi be, 'Ɛhɛ̃, nyateƒee, mesea wò ŋkɔ le radio dzi.'\"\nBiblia Nusrɔ̃vi siwo le Halifax, Nova Scotia, la zã radio dzi wɔna yeye aɖe ɣemaɣi—enyea numedzodzro aɖe si wowɔna eye nyaselawo tea ŋu ƒoa ka hebiaa nya tso Biblia me nyawo ŋu. Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ bena: \"Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe wɔna sia ŋu ale gbegbe. Nyaselawo ƒoa ka ale gbegbe be míetea ŋu ƒoa nu na wo katã o.\"\nAbe ale si wònɔ le apostolo Paulo ƒe ɣeyiɣia me ene la, ame aɖewo xɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe gbedeasia, gake ame bubuwo ya tsi tsitre ɖe wo ŋu. (Dɔw. 17:1-5) Nyasela aɖewo kpɔ dzidzɔ ɖe gbedeasia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Hector Marshall se Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo nu tso agbalẽ si woyɔna be Studies in the Scriptures (Études des Écritures) la ŋu le radioa dzi la, edɔ agbalẽa ƒe babla adeawo. Eŋlɔ emegbe be: \"Mesusui be agbalẽawo akpe ɖe ŋunye mafia nu le Kwasiɖagbe sukua me.\" Gake kaka Hector nawu Babla I xexlẽ nu la, etso nya me hedo le sɔlemeha si me wònɔ la me. Eva zu nya nyui gblɔla aɖe si me dzo nɔ, eye wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va de asi na eƒe kugbe le ƒe 1998 me. Esi amewo se nuƒo si ƒe tanyae nye \"Fiaɖuƒea, Xexea Me Ƒe Mɔkpɔkpɔ La\" le radio dzi le Nova Scotia ƒe ɣedzeƒe la, Asrafomegã J. A. MacDonald gblɔ na nɔviŋutsu aɖe si le nutoa me le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi be: \"Etsɔ si va yi la, ame siwo le Cape Breton Ƒukpoa dzi se gbedeasi aɖe si nye nyuitɔ kekeake si amewo se kpɔ le xexea ƒe akpa sia.\"\nGake sɔlemehaŋgɔnɔlawo ya do dziku. Katolikotɔ aɖewo siwo le Halifax la do ŋɔdzi na radiodɔwɔƒewo be yewoakaka radiodɔwɔƒe si aɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo woawɔ woƒe wɔnawo le woƒe radio dzi la. Subɔsubɔhakplɔlawo ƒlɔ dzo ɖe dziɖuɖua te ale gbegbe be, le ƒe 1928 me la, dziɖuɖua ɖe gbeƒãe le vo me be yewomagaɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe radiodɔwɔƒewo ake o. Esia wɔe be nɔviawo ma agbalẽvi aɖe si ƒe tanyae nye Who Owns the Air? (Ame Ka Tɔe Nye Ya La?)—gbedeasi si le eme la ƒo nu tsi tre ɖe nyametsotso masɔmasɔ ma ŋu. Ke hã dziɖuɖumegãwo gbe kokoko be yewomagaɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo azɔ be woƒe radiodɔwɔƒewo nawɔ dɔ o.\nÐe esia na dzo si nɔ Yehowa subɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ Canada la me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la nu tsia? Nɔvinyɔnu Isabel Wainwright gblɔ be: \"Edze le gɔmedzedzea me keŋ abe ɖe futɔwo kpɔ dziɖuɖu gã aɖe ene. Gake menyae be Yehowa ate ŋu axe mɔ na esia ne ɖe wòwɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Eya ta esia anya fia be ɣeyiɣia de be míatrɔ ɖe gbeƒãɖeɖemɔnu bubu aɖe si nyo wu la ŋu be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.\" Le esi Biblia Nusrɔ̃vi siwo le Canada naku ɖe radio dzi ɖaseɖiɖidɔa ŋu goŋgoŋ teƒe la, wotrɔ woƒe susu ɖe amewo gbɔ yiyi le woƒe aƒewo me ŋu. Gake kakaɖedzitɔe la, radiodziɖaseɖiɖidɔa wɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe 'gbedeasi nyuitɔ kekeake si amewo se kpɔ' la me ɣemaɣi.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Canada.\n^ mm. 4 Be woate ŋu aɖe gbeƒã le radiowo dzi la, Canada nɔviawo xea fe ɖe ɣeyiɣi siwo wozãna le radiodɔwɔƒe bubuwo dzi na esiawɔwɔ la ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20121115\/bible-students-canada-radio-stations\/","date":"2018-04-20T09:51:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980883598,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980883598327637}","num_words":855,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Rahab Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Rahab, ame si do dzi tsɔ Israel-ŋkutsala eveawo ɣla la ŋu. Tae, tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Rahab Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Rahab Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015109\/univ\/art\/502015109_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/rahab\/","date":"2018-04-25T01:11:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947654.26\/warc\/CC-MAIN-20180425001823-20180425021823-00517.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982997775,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998299777507782}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.168,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nƑe ewo koe viwòŋutsuvi xɔ, gake ele dadam!\nEdi be ame sia ame nawɔ nu ɖe ye ŋu etɔxɛe.\nÀbia be, 'Nu ka tae wòle nu wɔm nenema? Medi be dzi nadzɔe, gake menye be wòabu be yenyo wu ame sia ame o ɖe!'\nÐe wòanya wɔ be woafia ɖeviwo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo evɔ esia mana woabui be yewomele ɖeke me oa?\nNU SI WÒLE BE NÀNYA\nLe ƒe siawo me la, wole dzi dem ƒo na dzilawo be woanɔ wo viwo ƒe didiwo dzi wɔm na wo; woanɔ wo kafum ne womewɔ naneke si dze kafukafu o gɔ̃ hã; eye womeganɔ to hem na wo o. Amewo bu be ne wona ɖeviwo kpɔe be ame veviwoe yewonye la ana woase le wo ɖokuiwo me be asixɔxɔ le yewo ŋu ne wotsi. Gake aleke nuwo le fifia? Agbalẽ aɖe (Generation Me) gblɔ be: \"Le esi ɖeviwo nanye dzidzɔme siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu teƒe la, ena boŋ be wova zu ɖokuiŋudzelawo ale gbegbe.\"\nNe ɖevi siwo wokafuna wògbɔa eme va tsi eye nuwo meva yi na wo ale si wokpɔ mɔe o alo wohe nya ɖe wo ŋu loo alo wodo kpo nu le nane me la, dzi ɖena le wo ƒo. Esi wofia wo tso ɖevime be woabu woawo ŋutɔ ko ƒe didiwo ŋu ta la, ne wotsi la, esesẽna na wo be woadze xɔ̃ amewo eteƒe nadidi. Esia na be nu tena ɖe wo dometɔ geɖe dzi eye woléa blanui.\nÐeviwo va kpɔnɛ be asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le yewo ŋu menye to ale si wogblɔna na wo enuenu be wole etɔxɛ ta o, ke boŋ to nu siwo woawo ŋutɔwo te ŋu wɔ nyuie la dzi. Esia bia nu geɖe wu be woaka ɖe wo ɖokuiwo dzi ko. Ele be woasrɔ̃ nu siwo woate ŋu awɔ, ate ewɔwɔ kpɔ ahabi ɖe eme. (Lododowo 22:29) Ele be woasrɔ̃ ale si woatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo hã me. (1 Korintotɔwo 10:24) Esiawo katã bia ɖokuibɔbɔ.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nKafu ɖevia ne ehiã. Ne viwònyɔnuvi dze agbagba le sukudodokpɔ aɖe me la, kafui. Ne medze agbagba o la, mègagblɔ be eƒe nufiala gbɔe wòtso o. Esia mana wòasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ o. Ke boŋ kpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ nu si wòawɔ be wòawɔ dɔ nyuie ɣebubuɣi lae. Kafui ɖe nu ŋutɔŋutɔ aɖe si wòwɔ ta.\nÐɔe ɖo ne ehiã. Esia mefia be nàhe nya ɖe viwòa ŋu le vodada ɖe sia ɖe si wòwɔ ta o. (Kolosetɔwo 3:21) Gake ne ewɔ vodada gãwo la, ele be nàɖɔe ɖo. Nenema kee nàɖɔe ɖo ne eɖe nɔnɔme gbegblẽ aɖewo hã fia. Ne menye nenema o la, woatsi esi.\nLe kpɔɖeŋu me, tsɔe be viwòŋutsuvi dina be yeaƒo adegbe. Ne mèɖɔe ɖo o la, ava zu dadala eye amewo malɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Eya ta ɖe eme na viwòa be adegbeƒoƒo menyo, ate ŋu ana be ŋu nava kpee gbe ɖeka. (Lododowo 27:2) Ðe eme nɛ hã be, ame si bɔbɔa eɖokui la meléa nu siwo wòate ŋu awɔ ɖe nu nɔa gbɔgblɔm na amewo o. Ne èɖɔe ɖo alea le lɔlɔ̃ me la, ana wòasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ eye maklo bubu le eŋu o.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 23:12.\nKpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si tututu agbea le. Ne wotsɔa nu sia nu si ɖeviwo bia naa wo la, woabui be yewodze na nu mawo godogodo. Le kpɔɖeŋu me, ne viwò di be nàƒle nane na ye evɔ wò ga made enu o la, ɖe nu si ta wòle be mianɔ agbe ɖe ga si le mía si nu la me nɛ. Ne ehiã be miate fli ɖe teƒe aɖe si míeɖo be yewoayi alo mɔzɔzɔ aɖe me la, ɖe eme nɛ be etea ŋu dzɔna, eye nàgblɔ nu si kpena ɖe ŋuwò nènɔa te ɖe nu mawo tɔgbi nu nɛ. Mèganɔ agbagba dzem be yeakpɔ ye viwo ta tso kuxi ɖe sia ɖe me o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu ne wotsi.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:21.\nDe dzi ƒo na wo be woana nu. Na viwòa nakpɔe be \"dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.\" (Dɔwɔwɔwo 20:35) Le mɔ ka nu? Miate ŋlɔ ame siwo ɖewohĩ miate ŋu aɖi asi na, ame siwo woaɖo ʋu na alo aɖɔ nane si gblẽ ɖo na la ƒe ŋkɔwo ɖi. Kplɔ viwòa ɖe ɖokuiwò ŋu, ne miakpe ɖe ame siawo dometɔ aɖe ŋu. Na viwòa nakpɔ ale si dzi dzɔa wò eye wò dzi dzea eme ne èle kpekpem ɖe amewo ŋu. Esia ana viwòa nasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ne ele ŋku lém ɖe kpɔɖeŋu si nèɖona la ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Luka 6:38.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2017-december\/ale-si-woafia-%C9%96okuib%C9%94b%C9%94-%C9%96eviwo\/","date":"2018-04-19T13:31:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125936969.10\/warc\/CC-MAIN-20180419130550-20180419150550-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984278679,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984278678894043}","num_words":759,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àte ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu to Biblia xexlẽ me. Le blema la, Mawu tia amegbetɔ aɖewo be woaŋlɔ yeƒe susuwo ada ɖi. Woyɔ nuŋlɔɖi ma be Biblia. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu egbea to Biblia xexlẽ me. Esi Yehowa ƒe nya alo eƒe gbedasie le Biblia me ta la, wogayɔnɛ be Mawu ƒe Nya. Míate ŋu axɔ nusi Biblia gblɔ dzi ase elabena Yehowa mekaa aʋatso o. \"Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.\" (Hebritɔwo 6:18) Nyateƒea le Mawu ƒe Nya la me.—Yohanes 17:17.\nBiblia nye Mawu ƒe nunana xɔasitɔ kekeake siwo wòna mí la dometɔ ɖeka. Ele abe lɛta aɖe si fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋlɔ ɖo ɖe viawo ene. Eƒo nu tso ŋugbe si Mawu do be yeatrɔ anyigba wòazu teƒe dzeani aɖe si míanɔ la ŋu na mí—si nye paradiso. Egblɔ nusi wòwɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me, nusi wɔm wòle fifia, kple nusi wòawɔ na via nuteƒewɔlawo le etsɔme na mí. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ be dzi nadzɔ mí.—Timoteo II, 3:16, 17.\nYehowa Ðasefowo nye Mawu xɔlɔ̃wo; woakpe ɖe ŋuwò nàse Biblia ƒe nufiafiawo gɔme. Wò ya gblɔ na wo ko be yedi be yeasrɔ̃ Biblia. Womexɔa ga ɖe esia ta o. (Mateo 10:8) Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Wowɔa kpekpe siawo le tadeaguƒe siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata me. Ne èdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, wò sidzedze Mawu atsi ɖe edzi kabakaba.\nÀte ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu to nusiwo wòwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: \"Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.\" (Mose I, 1:1) Esi Yehowa wɔ 'dziƒowo' la, ew�� ɣe. Nukae ema fia mí tso Mawu ŋu? Efia mí be ŋusẽ geɖe le Yehowa si. Eya koe ate ŋu awɔ nane si si ŋusẽ le abe ɣe la ene. Efia mí hã be nunya le Yehowa si, elabena ebia nunya be woate ŋu awɔ ɣe si naa dzoxɔxɔ kple kekeli evɔ mebina vɔna gbeɖe o.\nYehowa ƒe nuwɔwɔwo ɖee fia be elɔ̃ mí. Bu atikutsetse vovovo siwo le anyigba dzi ŋu kpɔ. Yehowa ate ŋu awɔ atikutsetse ɖeka tɔgbe ko na mí—alo mawɔ ɖeke kura na mí o hafi. Gake Yehowa wɔ atikutsetse vovovo siwo ƒe nɔnɔme, lolome, amadede, kple vivi le vovovo na mí. Esia fia be menye lɔlɔ̃ ƒe Mawu koe Yehowa nye o, ke eƒe dɔme nyo eye wòbua ame ŋu hekpɔa nublanui hã.—Psalmo 104:24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/ale-si-n%C3%A0sr%C9%94%CC%83-nu-tso-mawu-%C5%8Bui\/","date":"2018-04-26T12:32:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125948126.97\/warc\/CC-MAIN-20180426105552-20180426125552-00213.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973156452,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973156452178955}","num_words":394,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 29 va se ɖe April 3, 2016 la le tata sia me.\nƑe 2016 ƒe mawunyakpukpuia ate ŋu adzra mí ɖo ɖe nu siwo le dzɔdzɔ ge kpuie ŋu.\nAleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí míedzea Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ, míelɔ̃a mía nɔviwo, eye míetsɔ kea amewo faa?\nAleke ame zua amesiamina? Nu kawoe dzɔna ne wosi ami na ame aɖe?\nNu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe ame 144,000 la ŋu?\nAleke dɔwɔwɔ kple Mawu nana míekpɔa dzidzɔ kple takpɔkpɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-january-2016\/","date":"2018-08-17T23:54:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221213158.51\/warc\/CC-MAIN-20180817221817-20180818001817-00139.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955207109,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955207109451294}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?\nEle be sɔhɛ ɖe sia ɖe nàbia nya vevi sia eɖokui, 'Agbemedɔ Kae Mawɔ?' Nɔ wò agbemetaɖodzinuwo me dzrom kpɔ anukwaretɔe esi nèle avu siwo gbegbe Andre, ɖekakpui si lɔ̃ xexea le wɔwɔm le eɖokui me la kpɔm le video sia me. Tiatia kae wòava wɔ mlɔeba? Kae aɖe vi nɛ wu? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wobia gbe sɔhɛ siwo tso dukɔ bubuwo hã me eye woƒe nyawo ana nàgbugbɔ abu nuwo ŋu nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/agbemed%C9%94-kae-maw%C9%94\/","date":"2018-09-25T06:09:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267161098.75\/warc\/CC-MAIN-20180925044032-20180925064432-00038.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990531802,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990531802177429}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo le woƒe dɔwɔƒegã yeye tum le Warwick si le New York. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gbogbo aɖewo tso United States (États-Unis) dukɔ bliboa me va le asi kpem ɖe dɔ nyadri sia ŋu. Wowɔa dɔ sia fetumaxɔmaxɔe, wokua kutri le ewɔwɔ me, eye wobua dɔ sia be enye nunana si yewoana Mawu. Kpɔ ale si dɔwɔla dovevienu siawo le dɔ ɖedzesi sia wɔmee la ɖa!\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nDɔ Ðedzesi Aɖe Fe Ati Le Míaƒe Dɔwɔƒegã","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/video-yehowa-%C9%96asefowo-d%C9%94w%C9%94%C6%92eg%C3%A3\/","date":"2018-10-22T23:08:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583515555.58\/warc\/CC-MAIN-20181022222133-20181023003633-00237.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998829186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998829185962677}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Taɖodzinu ka tae Kristo atrɔ agbɔ ɖo?\nHafi Yesu Kristo nayi dziƒo le ƒe 33 M.Ŋ. (Mía Ŋɔli) me la, edo ŋugbe be yeagatrɔ agbɔ. Etsɔ eɖokui sɔ kple ame ŋkuta aɖe si zɔ mɔ didi aɖe eye wòtrɔ gbɔ kple ŋusẽ abe fia ene. Taɖodzinu si tae Yesu atrɔ agbɔ ɖoe nye be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me.\nYesu aɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me\nNɔnɔme ka mee Kristo atrɔ agbɔ le? Wofɔ Yesu ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ. (1 Petro 3:18) Eyome eyi dziƒo eye wònɔ Mawu ƒe ɖusime. (Psalmo 110:1) Le ɣeyiɣi geɖe megbe la, wokplɔ Yesu yi Yehowa Mawu, \"Ame si li tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,\" la ŋkume, eye wòna ŋusẽ Yesu be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi. Eya ta Yesu trɔ gbɔ abe Fia makpɔmakpɔ ene, ke menye abe amegbetɔ ene o.\nNu kae Yesu awɔ ne eva ɖo?\nNe Yesu Fia la va le anyigba dzi ɖum la, woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso. Afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ale be woanɔ agbe le anyigba dzi ase vivi le Paradisoa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131201\/ku-%C9%96e-kristo-%C6%92e-t%C9%94tr%C9%94gb%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2018-11-21T04:31:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039747024.85\/warc\/CC-MAIN-20181121032129-20181121054129-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987329841,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987329840660095}","num_words":172,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃ Lɔ̃ Nunana! Xlẽ ŋutinya sia na viwò eye míalé ŋku ɖe nɔnɔmetatawo ŋu ɖekae. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Hebrivi Etɔ̃awo Kpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o. Fefeɣi Alo Anyinɔnɔ Kpoo Ɣi Hakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o. Apostolo Wuieveawo Kpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Lɔ̃ Nunana! Eʋegbe Lɔ̃ Nunana! https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502014262\/univ\/art\/502014262_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/nunana\/","date":"2019-01-22T05:17:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583826240.93\/warc\/CC-MAIN-20190122034213-20190122060213-00197.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9885954261,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9885954260826111, \"ajg_Latn_score\": 0.011408715508878231}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míezɔ mɔ li * akpe alafa geɖe to atsiaƒu gã gbana mawo dzi eye míekpɔ ƒutsotsoe gãgã siwo kɔ yi yame ʋĩ abe to siwo kɔkɔ yi ɖatɔ keke dziŋgɔli ke ene, eye míekpɔ ame maʋuŋkuwo ƒe anyigbawo le didiƒe ʋĩ . . . míaƒe tɔdziʋuwo sɔ gbɔ ɖe tsiawo dzi zã kple keli abe alilikpo dodowo ene, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔa dzi (afɔ tsɔtsɔe) abe ɣletiviwo ene, eye míeto ƒutsotsoe dzeagbo mawo me abe mɔdodo gãwo dzi zɔm míele ene.\"\nCHINA nye dukɔ si ɖe dzesi ŋutɔ. Eƒe dukɔmeviwo sɔ gbɔ wu dukɔ ɖe sia ɖe tɔ, eye wònye dukɔ siwo ƒe anyigba keke wu la dometɔ ɖeka. Eƒe dukɔmeviwo tu Gli Kɔkɔtɔ, si nye xɔtudɔ gãtɔ siwo wowɔ kpɔ la dometɔ ɖeka. Woƒe fia siwo nye Yongle kple Xuande siwo tso Chinatɔwo ƒe Ming-fiaƒomea me la ɖo tɔdziʋu gãgãwo ƒe ha gã aɖe anyi si dukɔ aɖeke megate ŋu ɖo anyi le ƒe alafa atɔ̃ siwo kplɔe ɖo la me o. Ƒudzisrafomegã si nɔ tɔdziʋuwo ƒe ha ma nu la nye Moslemtɔ aɖe si tso China ƒe anyieheɣetoɖoƒe eye eŋkɔe nye Zheng He.\nŊUSẼ, ASITSATSA KPLE ADZƆXƆXƆ\nLe nuŋlɔɖi si me nya aɖewo míetsɔ dze nyati sia gɔme nu la, dɔ si wode Zheng He sie nye be \"wòana amewo nanya nyui si gbegbe fiaɖuƒea ate ŋu awɔ na amewo ahanyo dɔme na dutatɔwo.\" Wogblɔ le nuŋlɔɖia me be eƒe mɔzɔzɔawo wɔe be \"dukɔ siwo le keke didiƒe ʋĩ ke kple xexea me ƒe seƒe ke la katã bɔbɔ ɖe [China] te . . . Ame maʋuŋku siwo le atsiaƒua godo . . . vaa [fiasã] me be yewoakpɔ fia la eye wotsɔa kesinɔnuwo kple nunanawo vanae.\"\nAmewo ƒe nu mesɔna le nu si tae fia siwo tso Ming-fiaƒomea me la wɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔzɔ ɖedzesi siawo ŋu ɖo la me o. Ame aɖewo bua Zheng He be enye woƒe dukɔ triakɔ si lɔ̃a ŋutifafa la ƒe teƒenɔla nyodɔme si doa woƒe dekɔnuwo ɖe ŋgɔ. Ame bubuwo ya bua eƒe dɔa be enye dukɔ bubuwo dzi ɖuɖu akpasesẽtɔe. Le nyateƒe me la, Zheng He naa nunana xɔasiwo dziɖula siwo xɔ wo nyuie eye wòda megbe na woƒe dziɖuɖuwo, gake ame siwo gbe be yewomabɔbɔ ɖe ete ahaxe adzɔ na Ming-fiaƒomea o la, eɖua wo dzi eye wòdea wo gaxɔ me. Le Zheng He ƒe mɔzɔzɔ ɖedzesi mawo ta la, fia gbogbo aɖewo dɔa amewo tso India Ƒu Gã la ƒe nutowo me woyia China ɖadea bubu fia la ŋu.\nAleke kee wòɖale o, Zheng He ƒe tɔdziʋuawo lɔa Chinatɔwo ƒe ze siwo woɖoa atsyɔ̃ na etɔxɛe, anyinuwo kple seda gbogbo siwo Ming-fiaƒomea ƒe asinudɔwɔlawo wɔna la yina ɖadzrana le didiƒe ke. Eye tɔdziʋuawo lɔa kpe xɔasiwo, nyiɖuwo, nuɖuɖuvivinuwo, ʋuƒowo kple nu xɔasi bubu siwo ŋu Chinatɔwo dea asixɔxɔ la vaa China. Wotsɔa sɔveda, si ŋu wogblɔ le be ena zi tɔ le China-dukɔa me la, gɔ̃ hã gbɔnae. To asitsatsa kpakple Chinatɔwo ƒe susuwo dodo ɖe ŋgɔ sia me la, amewo va nya nu sue aɖe tso China dukɔa ƒe ŋkuʋuʋu ɖedzesi si nɔ anyi le ƒe alafa 15 lia me la ŋu le xexea me godoo.\nMɔzɔzɔ ɖedzesi mawo nu va tso. Ƒe ʋɛ aɖewo le Zheng He ƒe mɔzɔzɔawo megbe la, Chinatɔwo trɔ megbe de dutasitsatsa kple nudede dukɔ bubuwo ƒe nyawo me. Esi China-fia yeyea kple eƒe aɖaŋuɖola Konfusiotɔwo susui be megahiã be yewoatsi dzi ɖe dukɔ bubuwo ƒe nyawo ŋu o ta la, wodze agbagba be yewoate fli ɖe kadodo kple dukɔ bubuwo me. Wona asitsatɔdziʋu mawo zu gbe aɖe gbe nuwo, eye anɔ eme be wogblẽ nuŋlɔɖi siwo ku ɖe mɔzɔzɔ ɖedzesi mawo ŋu kple tɔdziʋuawo ŋutɔ gɔ̃ hã dome. Nyitsɔ laa ko hafi Chinatɔwo kple dukɔ bubu me tɔwo siaa va nya nu tso ɣeyiɣi vevi si me Zheng He ƒe tɔdziʋu gãgã mawo zɔ ƒu dzi la ŋu.\n^ mm. 3 Chinatɔwo ƒe dzidzenue nye li, eye ale si wobuna didime siae la toa vovo le ƒe alafa vovovowo me. Wosusui be le Zheng He ŋɔli la, li ɖeka anye kilometa afã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201309\/zheng-he\/","date":"2019-01-24T04:36:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547584518983.95\/warc\/CC-MAIN-20190124035411-20190124061411-00531.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993280172,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993280172348022}","num_words":658,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 1 va se ɖe June 28, 2015 la le tata sia me.\nKpɔ aɖaŋu adre aɖewo siwo hamemetsitsi siwo kpɔ dzidzedze le hehenana me ɖo la ɖa.\nHamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le hehenana gome, eye hehexɔlawo hã ate ŋu asrɔ̃ Elisa ƒe kpɔɖeŋu.\nDzeɖoɖo doa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple amewo dome. Aleke dzeɖoɖo kple Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome naganyo ɖe edzi?\nNu ka koŋue nana wòwɔna na amewo be yewo kple Mawu dome mate ŋu anɔ kplikplikpli o? Ðe wòwɔna na wò hã nenema? Kpɔ nu si nàwɔ ɖa.\nAGBEMEŊUTINYA\nTrophim Nsomba, si to yometiti sesẽwo me le eƒe dzixɔsewo ta, ƒe agbemeŋutinya akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeayi edzi awɔ nuteƒe.\nNya sia ƒe ŋuɖoɖo akpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo nèle mɔ kpɔm na le etsɔme dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150415\/","date":"2019-01-19T12:04:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583667907.49\/warc\/CC-MAIN-20190119115530-20190119141530-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99742347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974234700202942}","num_words":145,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋeawo ƒe ʋuʋu le Ŋɔ̃tsié hena Eʋenyigbã ƒe takeke\nGbeƒãɖeɖe Index\nEdze Eʋevi ɖesiaɖe be woanya nane tso Eʋeawo ƒe dzɔtsoƒe ŋuti. Esia awɔe be woate ŋu agblɔ nya tso eƒe Eʋevinyenye ŋuti kakaɖedzitɔe. Afisi Eʋeawo le egbe la, menye afimae wonɔ tso blema ke o. Wonɔ teƒe vovovowo kpɔ hafi va ɖi te ɖe afisi wole alo míele egbe anye ƒe akpe ɖeka (1000) kple edzivɔwoe nye esi vayi [ Le Ƒe 1001 tsɔyi Ƒe 1100 me]\nAmea ɖe menya afisi tutuutu Eʋeawo dzɔ tso hafi vayi ɖa dze Afrika ƒe ɣedzeƒe abe alesi mía Tɔgbewo tu xo la namí vayi ene o, eye tɔsisi gã Kuara alo Niger nutowo mee woga va nɔ emegbe kple dukɔ geɖewo abe Anagoawo, Gɛ̃awo, Adãwo kple Bluawo ene. Emegbe woga ʋu dzo le teƒema heyi dze teƒe si woyɔa be KETU alo Ɔyɔ (ŋkɔ si do tso Eyɔ alo Yɔ me, ɖe Yɔtsi sɔgbɔwo si nele afima la ta) eye woga yɔna Ketu hã be Amedzɔƒe alo Mawuƒe .\nEʋeawo mega teŋu nɔ afima hã o, ke boŋ woga ʋu. Le ʋuʋu tso afima la, wova ma ɖe akpa gã eve. Akpa ɖeka yi ɖanɔ Mɔnɔ tɔsisi la ŋu eye woyɔ teƒe si wonɔ la bena Tado. Akpa evelia yi ɖanɔ Haho kple Mɔnɔ tɔsisi dome eye woawo yɔ woƒe nɔƒe la be Ŋɔ̃tsié, teƒe si le Lome kple Atakpame dome. Amewo yɔe be Glime alo Agbogbome esi wonye be woɖo gli ƒo xlãe la ta, eye amea ɖewo yɔe be Agbome le agbo ɖeka si le enu la ta. Amea ɖewo ya yɔe be Kpome le eƒe dzoxɔxɔ ta. Ke Hogbeƒe nye eƒe ŋkɔ si dukɔwo katã nya nɛ. Afimae Aŋlɔawo ƒe Hogbetsotsozã kple Eʋedukɔ bubu siwo hã ɖua Hogbezã xɔ ŋkɔ do tsoe.\nDukɔ siwo nɔ Ŋɔ̃tsié du la mee nye Aŋlɔawo (GHANA), Beawo (TOGO), Asogliawo (GHANA), Watsiawo (TOGO-BENIN), Gbiawo (GHANA), Aƒlawoawo (TOGO-GHANA), Aguawo (TOGO), Danyiawo (TOGO) kple bubuawo katã. Woyɔa dukɔ siwo katã ʋu dzo le Ketu heva tso du le Ŋɔ̃tsie kple Tado bena \" Eʋeawo \" eye wo katã wodona eʋegbe ɖeka. Katsotso si nɔa wome le woƒe mɔzɔzɔwo me woe be gbe gbɔgblɔ̃ bubuwo abe Fɔ̃gbe, Adzagbe, Ƒeɖagbe va nye gbe bubu siwo gblɔ̃m wole le woƒe eʋegbe gbɔgblɔ̃ me. Nusi woe be woyɔa dukɔ siawo katã ƒe Gbe si dom wole le egbe ƒe ŋkekeawo me be GBE dukɔawo. Fɔ̃awo dzo le Tado xoxo, to dziehe nuawo me ʋii heva tso Ƒla du. Fɔ̃awo na ŋkɔ woƒe anyigba la bena Dahome si gɔmee nye Dãƒeme.\n- Vayi\n- Kplɔɖo >>","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-09","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/xotutuwo\/97-e-eawo-fe-u-u-le-n-tsie-hena-e-enyigba-fe-takeke","date":"2019-02-20T23:32:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-09\/segments\/1550247496855.63\/warc\/CC-MAIN-20190220230820-20190221012820-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996032119,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996032118797302}","num_words":415,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fo Atsu ge le ati dzi\nFO ATSU GE LE ATI DZI🌼\nGbe ɖeka ɣetrɔ la, Senyo kple Foli tso suku yina aƒe me. Esi woɖo agble aɖe to la, wose nane ge gbi le agble la me.\nSenyo bia Foli be: 'Foli, nuke ge gbi nenema?'\nFoli: Maŋgoe\nSenyo: Mangoe ge gbi nenema? Menye maŋgoe o.\nFoli: Maŋgoe. Maŋgoe. Va miyi ɖakpɔe ɖa.\nWoƒu du yi teƒea. Woakpɔ kasia, Fo Atsu enye esi le anyigba. Ege tso maŋgoti dzi. Emlɔ anyigba kpoo. Ewɔ abe ɖe wòku ene. Ɖeviawo vɔ ŋutɔ.\nFoli be: 'Senyo, midzo, midzo. Va mi dzo la. Va misi dzo!'\nSenyo be: 'Ao. Na miyi ɖayɔ amewo vɛ.'\nEnumake Senyo kple Foli si du yi aƒe me ɖayɔ amewo. Amewo hã dze mɔ enumake. Wova ɖo agblea me. Wo kpɔ Fo Atsu le anyigba. Eli kpoo. Enumake wokɔe. Wokɔe ɖɔɖɔɖɔ elabe eƒe ata ɖeka ŋe. Wokɔe yi lɔrimɔ to. Ata si ŋe la nɔ evem ŋutɔ.\nEteƒe medidi o, lɔri aɖe va tɔ. Wokɔ Fo Atsu de eme. Ata si ŋe la ga nɔ evem ko. Enɔ avi fam. Amesiwo nɔ afima la dometɔ geɖewo hã nɔ avi fam. Senyo kple Foli hã nɔ avi fam. Ʋua ho. Ekɔ Fo Atsu yi atikewɔƒe.\nEteƒe medidi o, woɖo atikewɔƒe la. Wokɔ Fo Atsu ɖɔɖɔɖɔ mlɔ anyigba. Woyɔ dɔkta vɛ. Ɖɔkta la na wokɔ dɔnɔ la mlɔ aba dzi. Egblɔ na wo be eƒe lãme le sesê ge. Kpɔ dɔnɔ la gbɔ enumake. Ena atikee eye wòna womlɔ anyi kpoo.\nFo Atsu nɔ atikewɔƒe la ɣleti eve. Amewo va kpɔnɛ ɖa enuenu. Amesiwo va kpɔnɛ ɖa la dometɔ aɖewo tsɔa aŋuti vanɛ. Ɖewo tsɔa akɔɖu vanɛ. Ke ɖewo hã va kpɔnɛ ɖa kple asi ƒuƒlu. Le ɣleti ɖeka megbe la, eƒe ata ɖeka si ŋe la ɖɔ ɖo vie. Le ɣleti eve megbe la, eƒe lãme sê keŋ. Ale dɔkta la ɖe asi le eŋu. Esi Fo Atsu va ɖo aƒe me la, zi tɔ. Ame geɖe do vivi ɖe eŋu. Senyo kple Foli hã do vivi ɖe eŋu. Amesiame kpɔ dzidzɔ be eƒe lãme sê keŋ.\nGbe ɖeka la, Fo Atsu wu koklo, dɔku, kpakpaxe, kple tsaxe. Dadaa ƒo detsi viviwo eye wòɖa nu zã. Eyɔ amewo wova ɖu nu. Senyo kple Foli hã va ɖu ɖe. Esi wo ɖu nua vɔ la, Fo Atsu tsɔ nubablɛ aɖe na Senyo. Etsɔ nubablɛ ɖeka na Foli hã. Nunana nyuiwo sɔŋ nɔ nubablɛ siawo me. Ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe kpɔ dzidzɔ le eƒe nunana la ŋu. Ɖevi nyui xɔa nunana nyui.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-13","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/nutinyawo\/266-nutsu-la-kple-la-wo-2","date":"2019-03-19T02:24:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-13\/segments\/1552912201882.11\/warc\/CC-MAIN-20190319012213-20190319034213-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986248016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986248016357422}","num_words":420,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nusita ŋutsu sia le eƒe awu vuvum kakɛkakɛa? Yehowae be nevuvui. Ŋutsu siae nye Mawu ƒe nyagblɔɖila Axiya. Ènya amesi nye nyagblɔɖila? Enye amesi Mawu gblɔa nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la na doa ŋgɔ.\nAxiya le nu ƒom na Yerobeam le afisia. Yerobeam nye ŋutsu, si Salomo ɖo eƒe xɔtudɔ la ƒe akpa aɖe nu. Esi Axiya do go Yerobeam le mɔ sia dzi la, Axiya wɔ nukunu aɖe. Eɖe awu ʋlaya yeye, si wòdo la hevuvui ɖe kakɛ 12 me. Egblɔ na Yerobeam be: 'Lɔ kakɛ 10 na ɖokuiwò.' Ènya nusita Axiya tsɔ kakɛ 10 na Yerobeam mahã?\nAxiya ɖe eme be, Yehowa le fiaɖuƒe la xɔ ge le Salomo si. Egblɔ be Yehowa le to 10 tsɔ ge na Yerobeam. Esia fia be to eve koe asusɔ na Salomo ƒe vi Rexabeam wòaɖu fia ɖe edzi.\nEsi Salomo se nusi Axiya gblɔ na Yerobeam la, dzi kui ŋutɔ. Edi be yeawu Yerobeam. Gake Yerobeam si yi Egipte. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Salomo ku. Eɖu fia hena ƒe 40; ke azɔ la, via Rexabeam zu fia. Yerobeam se le Egipte be Salomo ku, eyata egbɔ va Israel.\nRexabeam menye fia ɖɔʋu o. Esẽ ŋuta ameawo ŋu wu fofoa Salomo gɔ̃ hã. Yerobeam kple ame ŋkuta aɖewo yi Fia Rexabeam gbɔ hebiae be wòakpɔ nublanui na ameawo. Gake Rexabeam gbe. Le nyateƒe me la, esẽ ŋuta wu tsã. Eyata ameawo ɖo fia Yerobeam ɖe to 10 dzi; gake Benyamin kple Yuda ƒe to eveawo lɔ̃ be Rexabeam nanye yewoƒe fia.\nYerobeam melɔ̃ be yeƒe amewo nayi Yerusalem aɖasubɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eyata ewɔ sikanyivi eve, eye wòna to 10 fiaɖuƒe la subɔ wo. Eteƒe medidi o la, anyigba la yɔ fũ kple hlɔ̃dodo kple nuvlowɔwɔ.\nDzɔgbevɔ̃e hã ɖo to eve fiaɖuƒe la me. Esi Rexabeam zu fia mede ƒe atɔ̃ haɖe o la, Egipte-fia va wɔ aʋa kple Yerusalem. Etsɔ kesinɔnu geɖe dzoe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Eyata ɣeyiɣi kpui aɖe koe gbedoxɔ la nɔ kɔkɔe abe alesi wotui la ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/israel-%C6%92e-fia%C9%96u%C6%92e\/","date":"2019-06-20T15:17:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999577105,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995771050453186}","num_words":329,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Abe dɔwɔnu bubu ɖe sia ɖe ene la, Internet dzi hahoo kadodowo hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo agblẽ nu le mía ŋu. Kristotɔ aɖewo tiae be yewomade ha kple amewo to internet dzi o. Kristotɔ bubuwo toa Internet dzi hahoo kadodowo dzi ɖoa dze kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Ke hã, Satana di be nu siawo zazã ƒe mɔ̃ naɖe mí ale be woagblẽ míaƒe ŋkɔ kple mí kpakple Mawu dome. Abe Yesu ene la, míate ŋu azã mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me atsɔ ade dzesi afɔkuawo eye míaƒo asa na wo.—Lk 4:4, 8, 12.\nAFƆKU SIWO MÍAƑO ASA NA:\nInternet dzi hahoo kadodowo zazã atraɖii. Ne míezãa gaƒoƒo gbogbowo tsɔ doa ka kple amewo le internet dzi la, awɔe be mímakpɔ ɣeyiɣi ɖe Yehowa ƒe dɔwo ŋu o\nNu siwo mesɔ o kpɔkpɔ. Foto siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpɔkpɔ ate ŋu awɔe be amamaɖenuwɔnawo kpɔkpɔ alo gbɔdɔdɔmanɔsenu nava zu numame na ame. Xɔsegbelawo ƒe nyawo kple nu siwo amewo ŋlɔ tso wo ɖokuiwo ŋu xexlẽ ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe xɔse ŋu\nFoto gbegblẽwo kple yakanyawo dada ɖi. Esi míaƒe dzi nye alakpatɔ ta la, ame aɖe adi be yeada yakanyawo alo foto gbegblẽwo ɖe Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo dzi. Ke hã, esia ate ŋu agblẽ ame aɖe ƒe ŋkɔ alo ana ame bubuwo ƒe xɔse nagbɔdzɔ\nMIKPƆ VIDEO SI NYE Zà INTERNET DZI HAHOKADOƑEWO NUNYATƆE, EYOME MIDZRO ALE SI MÍAƑO ASA NA NU SIWO DZE LE FOTOAWO ME LA ME:","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june25-july1\/hahoo-kadodowo-m%C3%ADa%C6%92o-asa-na-af%C9%94kuawo\/","date":"2019-06-24T17:55:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999620.99\/warc\/CC-MAIN-20190624171058-20190624193058-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972531796,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972531795501709}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ABE adzawo ene la, ƒumefɔlĩwo hã léna ɖe agakpewo, atiwo alo tɔdziʋuwo ŋu. Gake fɔlĩwo meléna ɖe nuwo ŋu kpaɖii abe ale si adzawo wɔnɛ ene o, ɖe woawo ya wokuna ɖe nuwo ŋu segee to ɖɔ aɖe si woƒe ade si wotuna wɔ la dzi. Togbɔ be fɔlĩwo ƒe nuwɔwɔ alea wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe na wo be woaɖu nu ahaku ɖe tɔdziʋuwo ŋu woatsɔ wo ayi teƒe bubuwo hã la, edze abe ŋusẽ mele woƒe ɖɔa ŋu be woanɔ te ɖe atsiaƒu ƒe ƒutsotsoewo nu o ene. Ke aleke woƒe ɖɔa nana wokuna ɖe tɔdziʋuwo ŋu be womegena ɖe atsiaƒua me o?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Fɔlĩ ƒe ɖɔa liana goŋgoŋ le akpa ɖeka gake bɔbɔ hedena le akpa kemɛa. Numekulawo va de dzesii be esi ɖɔa ƒe akpa 80 le alafa me liana goŋgoŋ eye akpa 20 mamlɛa le alafa me bɔbɔna tae wòtea ŋu wɔa dɔ nyuie nenema. Esia tae fɔlĩ tea ŋu nɔa te ɖe ƒutsotsoe siwo nɔa ehem ganɔa etutum la nu le tɔdziʋuwo ŋu.\nNufialagã Guy Genin yɔ nu si ŋu woke ɖo le numekuku sia me la be \"nukunu\" hegblɔ kpee be: \"Fɔlĩ ƒe ɖɔ si adea wɔna ƒe akpa bɔbɔea kple akpa si liana goŋgoŋ ƒe dɔwɔwɔ aduadu la gbɔe wòtso be fɔlĩ wɔa nukunu sia.\" Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susu be woate ŋu azã fɔlĩ ƒe ɖɔa le mɔ vovovowo nu; woate ŋu azãe atsɔ aku nuwo ɖe xɔwo ŋu, aku nuwo ɖe tɔdziʋuwo ŋu le tsi me, woate ŋu azãe atsɔ alé lãkusi ɖe ƒuwo ŋu eye amekolawo ate ŋu atsɔe axe abidowo nu ne wole ame kom. Nufialagã J. Herbert Waite si le California Yunivɛsiti le Santa Barbara, Amerika la gblɔ be: \"Nu wɔnuku gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽme o la li míasrɔ̃ tso nuwɔwɔwo ŋu ku ɖe nulénuwo ŋu.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ƒumefɔlĩ ƒe ade si wòtsɔ wɔa ɖɔ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2016-december\/%C6%92umef%C9%94l%C4%A9-%C6%92e-ade\/","date":"2019-06-27T01:01:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000609.90\/warc\/CC-MAIN-20190626234958-20190627020958-00187.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990089536,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990089535713196}","num_words":318,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"PILATO KPLE HERODES SIAA BIA GBE YESU\nYesu na Pilato nyae kɔtɛ be fiae yenye. Ke hã eƒe Fiaɖuƒea magblẽ naneke le Roma dziɖuɖua ŋu o. Eya ta Yesu gblɔ be: \"Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.\" (Yohanes 18:36) Ɛ̃, Fiaɖuƒe le Yesu si, gake metso xexe sia me o.\nPilato mese nyaa ɖe afi ma o. Ebia Yesu be: \"Ekema, fiae nènyea?\" Yesu na Pilato nya be eƒo nya ta nyuie esi wògblɔ nɛ be: \"Eya tututue nye ema nègblɔ be fiae menye. Elabena esia tae wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.\"—Yohanes 18:37.\nDo ŋgɔ la, Yesu gblɔ na Toma be: \"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.\" Azɔ Pilato gɔ̃ hã le esem be taɖodzinu si tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be wòaɖi ɖase tso \"nyateƒe la\" ŋu, vevietɔ nyateƒe si ku ɖe yeƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yesu ɖoe kplikpaa be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ne esia abia be yeaku gɔ̃ hã. Pilato biae be: \"Nu kae nye nyateƒe?\" gake melala be Yesu naɖe eme na ye o. Etsɔe be nya siwo yese la su na ye be yeadrɔ̃ ʋɔnu ŋutsu sia.—Yohanes 14:6; 18:38.\nPilato trɔ yi ameha si le lalam le fiasãa ŋkume la gbɔ. Edze ƒãa be Yesu nɔ eƒe axadzi esi wògblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple ame siwo le wo ŋu la be: \"Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.\" Nyametsotso sia ve dɔme na amehawo, eye wote tɔ ɖe edzi be: \"Ele zitɔtɔ dem dukɔa me kple eƒe nufiafia le Yudea godoo, eye wòdze egɔme tso keke Galilea va ɖo afi sia.\"—Luka 23:4, 5.\nYudatɔwo ƒe zazɛ̃nyahehe si gbɔ eme la anya wɔ nuku na Pilato. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo nɔ ɣlidodo dzi la, Pilato bia Yesu be: \"Mèle nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò la sem oa?\" (Mateo 27:13) Yesu meke nu o. Nya gã siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu hafi wòzi kpi la wɔe be Pilato ƒe mo wɔ yaa.\nYudatɔwo gblɔ le woƒe nutsotsoa me be Yesu 'dze egɔme tso keke Galilea.' Nya ma na Pilato kpɔe be Galileatɔe Yesu nye. Esia na Pilato kpɔ mɔ si dzi wòate ŋu ato aɖe ta le agba si nye be wòadrɔ̃ ʋɔnu Yesu la te. Herodes Antipa (Herodes Gã la ƒe vi) ye nye Galilea dzi ɖula, eye enɔ Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyui sia ɖuɣi. Eya ta Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes gbɔ. Herodes Antipa ye na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nu. Esi Herodes se emegbe be Yesu le nukunuwo wɔm la, esusu be Yesu ye nye Yohanes si fɔ tso ame kukuwo dome.—Luka 9:7-9.\nDzi nɔ Herodes dzɔm azɔ be yeakpɔ Yesu. Menye ɖe wòdi be yeakpe ɖe Yesu ŋu alo adze agbagba be yeanya nenye be nya siwo wotsɔ tso enu la le eme tae o. Ðeko Herodes di vevie be yeakpɔe, le esi \"wòle mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖewo yeakpɔ\" ta. (Luka 23:8) Gake Yesu mena Herodes kpɔ nu si dim wòle be yeakpɔ la o. Le nyateƒe me la, esi Herodes nɔ nya biam Yesu la, meke nu o. Esi esia ve Herodes kple eƒe asrafowo ta la, 'wodo vlo' Yesu. (Luka 23:11) Wodo awu nyui aɖe nɛ heɖu fewu le eŋu. Eyome Herodes gbugbɔ Yesu ɖo ɖe Pilato. Esia wɔe be Herodes kple Pilato siwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo.\nEsi wokplɔ Yesu va Pilato gbɔe la, eyɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo, Yudatɔwo ƒe amegãwo, kple dukɔ la ƒo ƒu hegblɔ be: \"Medzro eƒe nya me le mia ŋkume, ke nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o. Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o, elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí, eye mikpɔ ɖa, mewɔ naneke si dze ku o. Eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.\"—Luka 23:14-16.\nPilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, elabena ekpɔe dze sii be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlawo dee asi ɖo. Esi Pilato nɔ agbagba dzem be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, egase nya aɖe si de dzi ƒo nɛ be wòawɔe nenema. Esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo ame ɖee be: \"Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabena mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe egbea [anye be Mawu gbɔe esia tso] le eta.\"—Mateo 27:19.\nTogbɔ be ele be Pilato naɖe asi le ame maɖifɔ sia ŋu hã la, aleke wòle ewɔ gee?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/pilato-herodes-mekp%C9%94-vodada-yesu-o\/","date":"2019-06-15T20:59:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997335.70\/warc\/CC-MAIN-20190615202724-20190615224724-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977251291,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977251291275024}","num_words":780,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Lododowo ƒe agbalẽa me na dzilawo. Abe ale si ko atilɔwo tsina ɖoa ta akpa si wobi wo ɖo ene la, nenema ke ɖeviwo hehe nana wònɔa bɔbɔe be woava subɔ Yehowa ne wotsi.\nÐeviwo hehe nyuie bia ɣeyiɣi kple agba- gbadzedze geɖe\nEle be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui, eye woafia nu wo viwo, axlɔ̃ nu wo, ade dzi ƒo na wo eye woahe to na wo ne ehiã\nAmehehe nye amemamla le lɔlɔ̃ me be woatsɔ aɖɔ susua kple dzia ɖo\nEle be woahe ɖeviwo le mɔ vovo- vowo nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct31-nov6\/mla-%C9%96eviwo\/","date":"2019-06-24T14:27:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999539.60\/warc\/CC-MAIN-20190624130856-20190624152856-00449.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996776581,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996776580810547}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.\nMozambique\nRua da Micaia No. 160\nBairro Triunfo\nCosta do Sol\nMAPUTO\nMOZAMBIQUE\n+258 21-450-500\nTsaɖiɖi\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ga 11 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 3 miniti 30\nTsaɖiɖia axɔ gaƒoƒo 1\nNu Ðedzesiwo\nMíeɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbe vovovowo me. Míegblɔa Yehowa Ðasefo siwo le Mozambique ƒe ŋutinya na tsaɖilawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/mozambique\/","date":"2019-06-16T06:50:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00503.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995800853,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995800852775574}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu ƒe amewo lɔ̃ faa kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le mɔ vovovowo nu\nDukɔ la dzra ɖo eye woɖu Agbadɔŋkekenyui la le mɔ nyuitɔ nu.\nDukɔ la ƒoa ƒu gbe sia gbe be yewoaɖo to Mawu ƒe Sea xexlẽ, eye esia na wokpɔ dzidzɔ.\nDukɔ la ʋu woƒe nu vɔ̃wo me, do gbe ɖa, eye wobia Yehowa be wòayra yewo.\nDukɔ la lɔ̃ ɖe edzi be yewoayi edzi akpe asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu.\nTeokrasiɖoɖo siwo ŋu wokpe asi ɖo dometɔ aɖewo nye:\nSrɔ̃ɖeɖe tso Yehowa subɔlawo ko dome\nGadzɔdzɔ\nSabat la ɖuɖu\nNakefɔfɔ hena vɔsamlekpuia\nAgblemenukuwo kple lãwo ƒe gbãtɔwo tsɔtsɔ na Yehowa","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb15-21\/tadeagula-vav%C3%A3wo-teokrasi-%C9%96o%C9%96owo\/","date":"2019-06-20T08:02:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999163.73\/warc\/CC-MAIN-20190620065141-20190620091141-00498.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957590103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957590103149414}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Israel\nInternet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye Haaretz.com gblɔ be, ɖevi siwo \"wodzi wɔametɔwo evɔ woate ŋu azã mɔ̃ akpɔ woƒe nɔnɔmea do ŋgɔ na wo dzidzi hafi la\" magate ŋu asama kɔdzimegãwo be woɖe mɔ wodzi yewo wɔametɔwoe o. Gake wo dzilawo ya ate ŋu asama kɔdzimegãwo be woaxe \"ga bubu siwo wòahiã be yewoatsɔ akpɔ yewo vi wɔametɔwo dzi kple woƒe nuhiahiãwo gbɔ le [woƒe] agbe me katã la na yewo.\"\nAustralia\nLe Australia la, atsu kple asi 8 le 10 ɖe sia ɖe me nɔa wo nɔewo gbɔ abe srɔ̃tɔwo ene hafi va ɖea wo nɔewo.\nGreece\nGreece Dɔwɔƒe Si Kpɔa Lãmesẽnyawo gbɔ la bu akɔnta be ne wotsɔ ame siwo wu wo ɖokuiwo le ƒe 2010 ƒe ɣleti atɔ̃ gbãtɔwo me sɔ kple ƒe 2011 ƒe ɣleti atɔ̃ gbãtɔwo tɔ la, xexlẽmea dzi ɖe edzi alafa memama 40. Esi ganyawo va sesẽ le dukɔa me nyitsɔ laa lae wòdzi ɖe edzi alea.\nUnited States\nDukɔa Ƒe Dzɔdzɔmenuwo Takpɔha gblɔ be, wogblẽa nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ akpa 40 le alafa ɖeka ɖe sia ɖe me dome. Wobu akɔnta be wogblẽa agblemenukuwo ƒe akpa 7 le alafa me ɖe bo dzi, nuɖuɖu siwo wodzrana le nuɖuɖudzraƒewo ƒe akpa 17 le alafa me tsia anyi womeɖua wo o, eye be ƒomewo hã tsɔa nuɖuɖu siwo woƒlena la ƒe akpa 25 le alafa me ƒua gbe.\nMadagascar\nWoke ɖe agama suetɔ kekeake si le xexea me la ŋu le Madagascar nyitsɔ laa. Agama dzĩ sue siawo siwo didi milimeta 29 la dometɔ aɖewo ƒe didime sɔ kple degblefetsu ƒe kekeme. Esi wole ave siwo me wonɔna la dome gblẽm ta la, vɔvɔ̃ li be womagava nɔ anyi kura o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201302\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-20T19:56:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999273.24\/warc\/CC-MAIN-20190620190041-20190620212041-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992846847,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992846846580505}","num_words":267,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nEsime wònye ɖevi dzaa ko la, egblɔa nya sia nya na wò. Esi wòɖo ƒewuiwo me ko la, megadina be yeaɖo dze kpli wò o. Ne èdze agbagba be yeaɖo dze kplii la, ɖeko wòaɖo nyaawo ŋu kpuikpuikpui ko alo anɔ nya hem kpli wò.\nÀte ŋu asrɔ̃ ale si nàɖo dze kple viwò ƒewuivi. Gake gbã la, na míade ŋugble tso kuxi eve aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa la ŋu.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nWodina be ablɔɖe nasu yewo si. Hafi viwò ƒewuivi natsi ava zu ame tsitsi si anɔ eɖokui si la, menye zã ɖeka kple eƒe ŋufɔke ƒe nu koe wònye o—exɔa ɣeyiɣi. Ƒewuivi aɖewo dina be woana ablɔɖe geɖe wu yewo; eye ɣeaɖewoɣi ablɔɖe vi aɖe koe dzila aɖewo hã nana wo vi ƒewuiviwo. Ne edzɔ alea la, nyahehe sesẽ si hea tɔtɔ vanɛ la nɔa dzilawo kple wo vi ƒewuivia dome. Brad, * si nye ƒe 16 vi aɖe xa nu be: \"Dzinyelawo dina be yewoagblɔ nu sia nu si wòle be mawɔ nam.\" Egblɔ hã be: \"Ne dzinyelawo mena ablɔɖe geɖe wum kaka mexɔ ƒe 18 o la, maʋu le aƒea me!\"\nŊutete le wo si be woabu nuwo ŋu ayi ŋgɔ. Ale si nuwo nya le tututu ko la, nenemae ɖevi suewo ya kpɔnɛ. Gake ƒewuiviwo ya dzea agbagba be yewoase nu si tae wòle nenema ɖo la gɔme. Ŋutete sia ƒe amesinɔnɔ le vevie, eye ekpena ɖe ƒewuiviwo ŋu be woawɔ nyametsotso nyuiwo. Nu si ɖevi sue abu be esɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: 'Dada lé akpɔnɔ ɖeka ɖe asi, eŋe eme ɖe eve pɛpɛpɛ, etsɔ ɖeka nam eye wòtsɔ evelia na nɔvinye.' Le afi sia la, nu si da sɔ koe nye be woma nua me pɛpɛpɛ. Gake ƒewuivi ya akpɔe be esia mawɔ dɔ bɔbɔe nenema ɣesiaɣi o. Anɔ susum be, nua mama pɛpɛpɛ ɣesiaɣi mefia be womeba ame aɖeke o. Ŋutete si nye be woabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe akpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu be wòakpɔ ta na nya sesẽ siawo tɔgbi. Nu kae ate ŋu ado tso esia me? Ŋutete sia awɔe be wòava nɔ nya hem kpli wò.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nƔesiaɣi si wòanya wɔ la, miɖo dze tso nu vovovowo ŋu. Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi la ŋu dɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo de dzesii be ƒewuiviwo lɔ̃na faa be yewoaɖo dze ne wole aƒemedɔwo wɔm alo ne wole ʋu me, alo aɖo dze ne womedze ŋgɔ wo dzilawo ŋkume-kple-ŋkume o.—Biblia ƒe mɔfiame: 5 Mose 6:6, 7.\nWò nyawo nenɔ kpuie. Mehiã be nàhe nya sia nya kplii kokoko o. Ke boŋ gblɔ wò susu . . . eye nàtɔe ɖe afi ma. Ne èwɔe alea la, viwò ƒewuivia awɔ ɖe wò nyaa dzi emegbe togbɔ be adze le gɔmedzedzea me abe ɖe menɔ to ɖom ene o hã. Na ɣeyiɣii be wòawɔ esia.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 1:1-4.\nÐo to wo, eye wò nya me megasẽ o. Ðo to nyuie—eye mègatso nya ɖe enu o—esia ana nàkpɔ kuxi bliboa. Ne èle nya ŋu ɖom nɛ la, na wòadze be yese egɔme nɛ. Ne ètea tɔ ɖe sewo dzi ɣesiaɣi la, viwòa hã anɔ mɔnuwo dim le se mawo ŋu. Agbalẽ si nye Staying Connected to Your Teenager gblɔ be: \"Esiae wɔnɛ be ɖeviwo dina be yewoanɔ agbe eve. Gbã, wogblɔa nu si wokpɔ be eyae yewo dzilawo di be yewoase la na wo; eye evelia, ne womele wo dzilawo gbɔ o la, woadi be yewoawɔ nu bubu.\"—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 4:5.\nMègado dziku o. Kari, si nye ƒewuivi, gblɔ be: \"Ne mía kple danye ƒe susu mesɔ le nane ŋu o la, edoa dziku ɖe nya sia nya si megblɔ ŋu. Esia doa dziku na nye hã, si wɔnɛ be míaƒe dzeɖoɖoa trɔna zua nyahehe.\" Esi nàna wò dziku nafla teƒe la, gblɔ nya aɖe si aɖee afia be yese eƒe nɔnɔmea gɔme. Le kpɔɖeŋu me, esi nàgblɔ be, \"Menye nya aɖekee nye ema o ɖe!\" teƒe la, gblɔ boŋ be, \"Mekpɔe be esia te ɖe dziwò vevie.\"—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 10:19.\nNe anya wɔ la, na mɔfiame, mèganɔ nu ɖom o. Ŋutete si le viwò ƒewuivia si be wòabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe la nye nɔnɔme si wòle be wòatu ɖo. Eya ta ne ehiã be wòawɔ nyametsotso aɖewo la, mègaxɔ nyametsotso mawo awɔ ɖe enu o. Ne miele nya aɖe me dzrom la, ɖe mɔ nɛ eya ŋutɔ nado egbɔkpɔnu ƒe susu aɖewo ɖa. Azɔ ne mieƒo nu tso susu siwo wòdo ɖa dometɔ aɖewo ŋu vɔ la, àte ŋu agblɔ be: \"Egbɔkpɔnu ʋɛ aɖewoe nye ema nègblɔ. Gabu eŋu ɖewohĩ egbe kple etsɔ, emegbe míaƒo nu tso nyametsotso si nèwɔ kple nu si tae nèwɔe nenema ŋu.\"—Biblia ƒe mɔfiame: Hebritɔwo 5:14.\n^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201301\/dze%C9%96o%C9%96o-kple-%C6%92ewuiviwo\/","date":"2019-06-20T00:52:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.50\/warc\/CC-MAIN-20190620004625-20190620030625-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990428686,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990428686141968}","num_words":780,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Timoteo nye sɔhɛ aɖe si nɔ Listra hamea me. Fofoa nye Helatɔ eye dadaa nye Yudatɔ. Timoteo dada Eunike, kple mamaa Lois, fia nui tso Yehowa ŋu tso eƒe ɖevime.\nEsi Paulo ɖi tsa yi Listra le eƒe mɔzɔzɔ evelia me la, ede dzesii be Timoteo lɔ̃ nɔviawo eye wòdi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Paulo kpe Timoteo be wòazɔ mɔa kpli ye. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Paulo na hehe Timoteo be wòazu gbeƒãɖela bibi kple ame si bi le nya nyuia fiafia me.\nGbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ Paulo kple Timoteo le afi sia afi si woyi. Gbe ɖeka le zã aɖe me la, ŋutsu aɖe gblɔ na Paulo le ŋutega me be wòava Makedonia ava kpe ɖe yewo ŋu. Eya ta Paulo, Timoteo, Sila kple Luka yi ɖaɖe gbeƒã le afi ma eye woɖo hamewo.\nLe Makedonia ƒe du si nye Tesalonika me la, ŋutsu kple nyɔnu geɖe va zu Kristotɔwo. Gake Yudatɔ aɖewo nɔ ŋu ʋãm Paulo kple eƒe zɔhɛwo. Woƒo gbevuha aɖe nu ƒu eye wohe nɔviawo yi dua me dziɖulawo gbɔ henɔ ɣli dom be: 'Ame siawo tsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu!' Paulo kple Timoteo siaa ƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta wosi yi Beroia le zã me.\nAme siwo le Beroia la, di vevie be yewoasrɔ̃ nya nyuia, eye Helatɔ kple Yudatɔ siwo le afi ma la va zu xɔsetɔwo. Gake esi Yudatɔ aɖewo siwo tso Tesalonika la he zitɔtɔ vɛ la, Paulo dzo yi Atene. Timoteo kple Sila tsi Beroia be yewoado ŋusẽ nɔviawo. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Paulo na Timoteo trɔ yi Tesalonika be wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woanɔ te ɖe ale si wonɔ wo yome tim vevie la nu. Emegbe Paulo dɔ Timoteo be wòasrã hame geɖewo kpɔ eye wòade dzi ƒo na wo.\nPaulo gblɔ na Timoteo be: 'Ame siwo di be yewoasubɔ Yehowa la, woati wo yome.' Woti Timoteo yome eye wodee gaxɔ me ɖe eƒe xɔse ta. Ekpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔa su ye si be yeaɖee afia be yewɔa nuteƒe na Yehowa.\nPaulo gblɔ na Filipitɔwo be: 'Mele Timoteo dɔm ɖe mi. Afia ale si miazɔ le nyateƒea me la mi, eye wòana hehe mi le subɔsubɔdɔa me.' Paulo nyae be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe Timoteo ŋu. Wowɔ dɔ ɖekae abe xɔlɔ̃wo kple hatisubɔlawo ene ƒe geɖe.\n\"Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. Elabena ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o.\"—Filipitɔwo 2:20, 21","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/paulo-kple-timoteo\/","date":"2019-06-26T01:57:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000044.37\/warc\/CC-MAIN-20190626013357-20190626035357-00419.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956967235,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956967234611511}","num_words":420,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Míadzɔ míaƒe dzi ŋu vevie;\nNu vɔ̃ɖiwo míatsri.\nMawu dzroa dzia me hekpɔna\nAme si koŋ míenye.\nDzi la ate ŋu able mí,\nAna be míatra mɔ.\nMawu ƒe Nya nafia mɔ mí\nMíanɔ eƒe mɔa dzi.\n2. Dzi dzadzɛ me míadi Mawu,\nAdo gbe ɖa vevie.\nMíaʋu míaƒe dziwo me nɛ,\nAkafui gbe sia gbe.\nNu si'o Yehowa fiaa mí la,\nMina míawɔ wo dzi.\nMíanye nuteƒewɔlawo,\nAɖo toe ɣesiaɣi.\n3. Míadzɔ dzi la ŋu gbe sia gbe,\nAɖe susu vɔ̃ ɖa.\nMawu ƒe Nya la naʋã mí\nBe míawɔ nu dzɔdzɔe.\nMíeka ɖe edzi be Mawu\nLɔ̃a nuteƒewɔla.\nTa míasubɔe kple dzi blibo,\nAnye exɔlɔ̃ ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/36-m%C3%ADadz%C9%94-m%C3%ADa%C6%92e-dzi-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-16T05:11:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00171.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9935306907,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9935306906700134}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AGBALẼ aɖe le Biblia me, si woyɔna be Rut. Enye ŋutinya aɖe, si ƒo nu tso ƒome aɖe, si nɔ anyi le ɣeyiɣi, si me ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel la ŋuti. Rut nye ɖetugbi aɖe, si tso Moab-nyigba dzi; metso Mawu ƒe dukɔ Israel me o. Gake esi Rut se Mawu vavã Yehowa ŋkɔ la, elɔ̃e ŋutɔ. Naomi nye nyɔnu tsitsi aɖe, si kpe ɖe Rut ŋu be wòdze si Yehowa.\nNaomi nye Israel-nyɔnu. Eya kple srɔ̃a kple wo vi ŋutsu eve ʋu yi Moab-nyigba dzi esime nuɖuɖu vɔ le Israel. Gbeɖeka la, Naomi srɔ̃ ku. Emegbe la, Naomi viŋutsu eveawo ɖe Moab-nyɔnuvi eve, siwo ŋkɔe nye Rut kple Orpa. Gake ƒe 10 megbe la, Naomi viŋutsu eveawo ku. Naomi kple nyɔnuvi eveawo lé blanui ale gbegbe! Nuka wɔ ge Naomi ala fifia?\nGbeɖeka la, Naomi ɖo be yeatrɔ azɔ mɔ didi la ayi aƒe le yeƒe amewo gbɔ. Rut kple Orpa di be yewoanɔ egbɔ, eyata woawo hã wokplɔe ɖo. Esi wozɔ mɔ sẽ la, Naomi trɔ ɖe nyɔnuviawo ŋu hegblɔ be: 'Mitrɔ yi aƒe mia dadawo gbɔ.'\nNaomi gbugbɔ nu na nyɔnuviawo hedo hedenyuie na wo. Kasia wode asi avifafa me, elabena wolɔ̃ Naomi ŋutɔ. Wogblɔ be: 'Gbeɖe! Míakplɔ wò ɖo ayi wò amewo gbɔ. Gake Naomi ɖo ŋu be: 'Mitrɔ yi aƒe, vinyewo. Eme anyo na mi le aƒe.' Eye Orpa dze mɔ ɖo ta aƒe. Gake Rut ya metrɔ o.\nNaomi trɔ ɖe eŋu hegblɔ be: 'Orpa trɔ dzo. Wò hã trɔ yi aƒe kplii.' Gake Rut ɖo ŋu be: 'Mègazi dzinye be matrɔ le yowòme o! Na mayi kpli wò. Afisi nàyi la, nye hã mayi, eye afisi nànɔ la, afima nye hã manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. Afisi nàku ɖo la, afima nye hã maku ɖo, eye afimae woaɖim ɖo.' Esi Rut gblɔ esia la, Naomi megazi edzi azɔ be wòatrɔ o.\nMlɔeba la, nyɔnu eveawo de Israel. Woɖo nɔƒe ɖe afisia. Enumake la, Rut dze dɔwɔwɔ gɔme le agble me, elabena luŋeɣi ɖo. Ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Boaz la ɖe mɔ nɛ be wòafɔ lu le yeƒe agble me. Ènya amesi nye Boaz dadaa? Eyae nye Raxab, si nɔ Yerixo la.\nBoaz gblɔ na Rut gbeɖeka be: 'Wogblɔ wò nyawo katã nam, kple alesi nènyo dɔmee na Naomi. Menya alesi nègblẽ fofowò kple dawò kpakple wò dukɔ ɖi, kple alesi nèva nɔ amesiwo mènya tsã o la domee. Yehowa neve nuwò!'\nRut ɖo ŋu be: 'Ève nunye ŋutɔ. Èna nye dzi dze eme nyuie le alesi nèƒo nu nam la ta.' Boaz lɔ̃ Rut ŋutɔ, eyata eteƒe medidi o ko woɖe wo nɔewo. Esia dzɔ dzi na Naomi ŋutɔ! Gake Naomi gakpɔ dzidzɔ ɖe edzi wu esime Rut kple Boaz wodzi ŋutsuvi gbãtɔ, si woyɔ be Obed la. Emegbe Obed va zu Dawid tɔgbui, amesi ŋu míasrɔ̃ nu geɖe le emegbe.\nBiblia ƒe agbalẽ, si nye Rut.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/rut-kple-naomi\/","date":"2019-06-19T00:39:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00149.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997964263,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979642629623413}","num_words":480,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutete le Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòade dzi ƒo na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ne míedea kpekpeawo eye míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me togbɔ be ahiã be 'míaʋli geɖe,' ɖewohĩ le lãmesẽnyawo alo nɔnɔme sesẽ bubuwo ta hã la, míedea dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo. (1Te 2:2, etenuŋɔŋlɔ) Gakpe ɖe eŋu la, ne míebu nuwo ŋu do ŋgɔ eye ɖewohĩ míeku nu me la, ate ŋu ana míaƒo nu atsɔ afa akɔ na nɔvi haxɔsetɔ siwo hiã dzideƒo.\nAfi kae nàte ŋu akpɔ nya siwo akpe ɖe ŋuwò nàde dzi ƒo na ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la le?\nAme kae nàdi be yeade dzi ƒo na le hamea me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july8-14\/miyi-edzi-dzi-dem-%C6%92o-mia-n%C9%94ewo\/","date":"2019-06-17T06:08:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.993865788,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9938657879829407}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo Siwo Le Xexea Me Katã Ƒe Ƒe 2017 Subɔsubɔƒea Ƒe Akɔntabubu\nKpɔ gbeƒãɖeɖedɔ si Yehowa Ðasefowo wɔ le xexea me godoo tso September 2016 va ɖo August 2017 la ŋuti nyatakaka vovovowo.\nAkɔntabubu sia ɖe agbagba si Yehowa Ðasefowo dze kple ga siwo katã wozã ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le xexea me godoo la fia.\nHameviawo ƒe xexlẽme bliboa, ame siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe xexlẽme, ame siwo de Ŋkuɖodzia ƒe xexlẽme kple nyatakaka bubuwo le akɔntabubu sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/2017-sub%C9%94sub%C9%94%C6%92ea-%C6%92e-ak%C9%94ntabubu\/","date":"2019-06-17T05:24:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996007085,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996007084846497}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.11,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Ðe subɔsubɔhawo katã nyoa?\nAme siwo si dzi anukwaretɔ le la le subɔsubɔhawo katã me. Enye dzidzɔ be míanyae be Mawu kpɔa ame siawo eye wòtsɔa ɖe le eme na wo. Gake nublanuitɔe la, subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ mee wowɔ ŋutasẽnu vɔ̃ɖi geɖewo le. (2 Korintotɔwo 4:3, 4; 11:13-15) Nyadzɔdzɔwo ɖee fia be, subɔsubɔha aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ŋɔdzidonamenuwo wɔwɔ, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa, aʋawɔwɔ, kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu gɔ̃ hã me. Aleke gbegbee esia doa nuxaxa na ame siwo xɔ Mawu dzi se vevie lae nye esi!—Xlẽ Mateo 24:3-5, 11, 12.\nSubɔsubɔha vavãtɔ ƒe nuwɔnawo hea ŋutikɔkɔe vanae na Mawu, ke alakpasubɔsubɔ ya medzea eŋu o. Alakpasubɔsubɔ fiaa nu siwo mele Biblia me o, eye wòfiaa alakpanuwo tso Mawu kple ame kukuwo hã ŋu. Gake Yehowa di be amewo nanya nyateƒe siwo ku ɖe ye ŋu.—Xlẽ Xezekiel 18:4; 1 Timoteo 2:3-5.\n2. Nu kae nye nya nyui si ku ɖe subɔsubɔhawo ŋu?\nDzidzɔnya lae nye be subɔsubɔha siwo gblɔna be yewolɔ̃ Mawu evɔ wònye Satana ƒe xexea boŋue wòlɔ̃ la mate ŋu aflu Mawu o. (Yakobo 4:4) Mawu ƒe Nya la yɔ alakpasubɔsubɔhawo katã be \"Babilon Gã.\" Babilon nye blemadu si me alakpasubɔsubɔ dzɔ tso le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe. Eteƒe madidi o Mawu atsrɔ̃ subɔsubɔha siwo blea ameƒomea hetea amewo ɖe to la kpata.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 5, 16, 17; 18:8.\n3. Nu kae wòle be dzianukwaretɔwo nawɔ?\nYehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo lɔ̃a nu nyui kple nu si le eteƒe wɔwɔ. Exlɔ̃a nu ame siawo vevie be woado le alakpasubɔsubɔ me. Ame siwo lɔ̃ Mawu la lɔ̃na faa wɔa tɔtrɔwo bena woƒe nu nadze eŋu.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 18:4.\nDzi dzɔ dzianukwaretɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me esi apostoloawo ɖe gbeƒã nya nyuia wose. Wosrɔ̃ agbenɔnɔmɔ yeye aɖe tso Yehowa gbɔ, enye agbenɔnɔmɔ si me dzidzɔ le wu, enana tameɖoɖo nɔa ame ƒe agbe ŋu, eye wònana mɔkpɔkpɔ sua ame si. Ame siawo ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí egbea, elabena woxɔ nya nyui la hetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 1:8, 9; 2:13.\nYehowa xɔa ame siwo do le alakpasubɔsubɔ me la ɖe eƒe tadeagulawo ƒe ƒomea me kple dzidzɔ. Ne èlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe amekpekpea dzi la, àzu exɔlɔ̃, àzu hatitadeagula siwo le Yehowa subɔm ƒe ƒome lɔ̃ame yeye aɖe me tɔ, eye àkpɔ agbe mavɔ.—Xlẽ Marko 10:29, 30; 2 Korintotɔwo 6:17, 18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/nya-nyui-si-ku-%C9%96e-sub%C9%94sub%C9%94hawo-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-19T15:10:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9936374426,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9936374425888062}","num_words":370,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nNya siwo me nunya le dometɔ geɖe le Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me.\nKe hã de dzesi nya si Biblia gblɔ tso eɖokui ŋu: \"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.\" (2 Timoteo 3:16) Kpeɖodzi geɖe le nya sia ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:\nAmewo tee kpɔ be yewoake ɖi ale si ŋutinya si le Biblia me la de pɛpɛpɛ, gake wo katã wodo kpo nu.\nAme siwo ŋlɔ Biblia la nye ŋutsu anukwaretɔ siwo ŋlɔ nuwo le nyateƒe me. Woƒe anukwareɖiɖi na wòdze ƒãa be woƒe nuŋlɔɖiawo nye nyateƒenyawo.\nTanya vevi ɖekae le Biblia si. Eyae nye ale si Mawu koe dze aɖu amegbetɔƒomea dzi la ta ʋiʋli kple ale si wòato eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi ana eƒe tameɖoɖo nava eme.\nTogbɔ be woŋlɔ Biblia ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi hã la, susu totro siwo nɔ dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si le blema siwo dzi ame geɖewo da asi ɖo la ƒe ɖeke mele Biblia me o.\nBlemanudzɔdzɔ siwo ŋu woku nu me le la ɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/Amegbet%C9%94wo-%C6%92e-nunyae-le-Biblia-mea\/","date":"2019-06-18T14:42:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998755.95\/warc\/CC-MAIN-20190618143417-20190618165417-00003.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991128445,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991128444671631}","num_words":179,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"MAWU nye Gbɔgbɔ,\" míate ŋu akpɔe kple ŋku o. (Yohanes 4:24) Ke hã Biblia gblɔ be le mɔ aɖe nu la, ame aɖewo kpɔ Mawu. (Hebritɔwo 11:27) Le mɔ ka nu? Ðe nàte ŋu akpɔ \"Mawu makpɔmakpɔ la\" vavã?\nMíate ŋu atsɔ míaƒe nɔnɔmea asɔ kple ame aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. Esi mekpɔa nu o ta la, ɖe wòfia be menya naneke tso nu siwo ƒo xlãe ŋu oa? Ao, menye nenemae o. Ŋkuagbãtɔ wɔa eƒe sidzenu bubuwo ŋu dɔ tsɔ dea dzesi amewo, nu siwo ƒo xlãe, kple nu siwo le edzi yim. Ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ la gblɔ be: \"Menye ŋku kpɔnue nye nukpɔkpɔ o. Susue kpɔa nu ame.\"\nLe mɔ ma ke nu la, togbɔ be màte ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o hã la, àte ŋu akpɔe kple 'wò dzi me ŋkuwo.' (Efesotɔwo 1:18) Bu mɔ etɔ̃ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esiae ŋu kpɔ.\nWODZENA \"GAGLÃA WOKPƆNA TSO XEXEA WƆWƆ DZI\"\nZi geɖe la, ŋkuagbãtɔ ƒe to ɖana ŋutɔ, eye edzea si nu kaba ne eka asi nane ŋu, eye wòwɔa eƒe sidzenu siawo ŋu dɔ tsɔ dzea si nu le esi mekpɔa nu o ta. Nenema kee wò hã àte ŋu awɔ wò sidzenuwo ŋu dɔ atsɔ anya dzɔdzɔmenu siwo ƒo xlã wò la nyuie be nàdze si Mawu makpɔmakpɔ si wɔ wò la. \"Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi heyina, elabena wodzena wokpɔna le nu siwo wòwɔ la me.\"\nLe kpɔɖeŋu me, bu míaƒe aƒe si nye anyigba ŋu kpɔ. Wotrɔ asi le míaƒe anyigbaa ŋu etɔxɛe be míase vivi na agbe le edzi, ke menye be wòalé míaƒe agbe ɖe te ko o. Ne ya fafɛ ƒo ɖe mí miɔɔ, ne míele ŋdɔ ƒum, ne míeɖu atikutsetse vivi aɖe, alo le xeviwo ƒe hadzidzi viviwo sem la, dzi dzɔa mí. Ðe nunana siawo mena nèkpɔe be mía Wɔla la bua mía ŋu, elɔ̃ mí, eye wònye dɔmenyola oa?\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Mawu ŋu ne èlé ŋku ɖe dziƒonuwo abe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ene ŋu? Ðekae nye be woɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana. Nu siwo ŋu yamenutowo me ŋuti nunyalawo ke ɖo nyitsɔ laa ɖee fia be dometsotso si le ɣletivihatsotsowo dome la le kekem ɖe edzi kabakaba! Ne èfɔ mo dzi le dziƒo kpɔm le zã me la, bu nya sia ŋu kpɔ: Ame ka gbɔe ŋusẽ si na dometsotsoa le kekem ɖe edzi la tso? Biblia na míenya be \"ŋusẽ geɖe\" le Wɔla la si. (Yesaya 40:26) Mawu ƒe nuwɔwɔwo na míekpɔe be eyae nye \"Ŋusẽkatãtɔ la\"\n\"AME SI ÐE ALE SI WÒLE LA ME\"\nNyɔnu aɖe si ƒe vi eve nye ŋkunɔwo la gblɔ be: \"Nusese nye mɔ vevi siwo dzi wotona srɔ̃a nu la dometɔ ɖeka. Ƒo nu tso nu sia nu si nèkpɔ alo nèse la ŋu na wo, [eye] nɔ klalo be yeaɖo nya geɖe ŋu. Wòe zu ŋku na wo.\" Nenema kee togbɔ be \"ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o\" hã la, Mawu ƒe Vi, Yesu, \"si le Fofoa ƒe akɔnu lae nye ame si ɖe ale si wòle la me.\" (Yohanes 1:18) Esi wònye be Yesu nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ kple eƒe Tenuvi ta la, eva zu abe \"ŋku\" ene na mí be míatsɔ akpɔ Dziƒoʋĩtɔ la. Yesu koe nye ame si dze nyuie be wòagblɔ ame si Mawu makpɔmakpɔ la nye na mí.\nNya siwo Yesu, si nɔ Fofoa gbɔ ƒe gbogbo manyaxlẽwo gblɔ tso Mawu ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo:\nMawu le dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe. \"Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia.\"\n—Yohanes 5:17.\nMawu nya míaƒe nuhiahiãwo. \"Mia Fofo la, nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.\"\n—Mateo 6:8.\nMawu naa nu mí katã dɔmenyotɔe. \"Mia Fofo si le dziƒowo la [nana] eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.\"\n—Mateo 5:45.\nMawu dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. \"Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue oa? Ke hã, wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã. Eya ta migavɔ̃ o: Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.\"\n—Mateo 10:29-31.\nAME AÐE SI ÐE MAWU MAKPƆMAKPƆ LA ƑE NƆNƆME FIA\nAle si ŋkunɔwo dea dzesi nuwoe la toa vovo na ame siwo kpɔa nu la tɔ. Ŋkunɔ dea dzesi vɔvɔli be enye fafɛƒe, afi si ŋdɔ ƒe dzoxɔxɔ mele o, gake ame si le nu kpɔm ya kpɔnɛ be enye tsyɔtsyɔƒe afi si ɣe meklẽ ɖo o. Abe ale si ko ŋkunɔ mate ŋu akpɔ vɔvɔli alo kekeli o ene la, nenema kee míawo hã míate ŋu anya ale si Yehowa le la le mía ɖokui si o. Eya ta Yehowa dɔ ame aɖe ɖa wòva ɖe eyama ƒe nɔnɔmewo kple eƒe amenyenye fia mí pɛpɛpɛ.\nAme mae nye Yesu. (Filipitɔwo 2:7) Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso Fofoa ŋu ko o, ke efia ale si Mawu le hã mí. Yesu ƒe nusrɔ̃la Filipo gblɔ nɛ be: \"Aƒetɔ, fia Fofo la mí.\" Yesu ɖo eŋu nɛ be: \"Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.\" (Yohanes 14:8, 9) Aleke nàte ŋu \"akpɔ\" Fofo la le Yesu ƒe nuwɔnawo mee?\nYesu doa vivi ɖe ame ŋu, ebɔbɔ eɖokui, eye amewo tea ŋu tena ɖe eŋu bɔbɔe. (Mateo 11:28-30) Eƒe nɔnɔme nyuiawo na be amewo dina be yewoanɔ egbɔ. Yesu se veve ɖe amewo nu, eye wòkpɔ dzidzɔ hã kpli wo. (Luka 10:17, 21; Yohanes 11:32-35) Ne èle Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Yesu ŋu xlẽm alo le wo sem la, na wò susu nakplɔ ŋutinyaa ɖo abe ɖe nèle eteƒe le nudzɔdzɔawo kpɔm ene. Ne ède ŋugble tso ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui ŋu la, esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo adze sii nyuie wu, si awɔe be Mawu ƒe nu nanyo ŋuwò.\nFƆ NYAWO KATà KPE\nAgbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso ale si ŋkunɔwo wɔna dzea si nu ŋu ale: \"Ewɔa ƒe sidzenu vovovoawo (abe nulélekpɔ, nuʋeʋẽse, nusese, kple bubuawo ene) ŋu dɔ tsɔ nyaa nu viviviwo tso nu siwo ƒo xlãe ŋu, eyome eƒoa nu siwo katã wòde dzesii la nu ƒu le mɔ aɖe nu tsɔ nyana ale si nu bliboa le.\" Nenema kee wò hã, ne èlé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, ne èxlẽ nu tso nya si Yesu gblɔ tso Fofoa ŋu, eye nèbua ale si Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fiae ŋu la, awɔe be nàte ŋu akpɔ Yehowa nyuie le susu me. Anye ame ŋutɔŋutɔ na wò.\nHiob si nɔ agbe le blema la wɔ esia. Gbã la, egblɔ nya 'siwo gɔme mese o.' (Hiob 42:3) Gake esi Hiob lé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu la, eʋãe wògblɔ be: \"Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.\"\n'Ne èdi Yehowa la, ana be, nàkpɔe'\nWò hã àte ŋu awɔ nenema ke. \"Ne [èdi Yehowa] la, ana be, nàkpɔe.\" (1 Kronika 28:9) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàdi Mawu si womekpɔna o la ahake ɖe eŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140701\/kp%C9%94-mawu-si-womekp%C9%94na-o-la\/","date":"2019-06-17T07:45:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998440.47\/warc\/CC-MAIN-20190617063049-20190617085049-00017.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976929426,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976929426193237}","num_words":1168,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER (DZOME) 8, 2015\nAZERBAIJAN\nLe December (Dzome) 3, 2015 dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti ɖo biabia vevi aɖe ɖe Azerbaijan dziɖuɖua ku ɖe aƒetɔ Irina Zakharchenko ŋu si dzi wole be wòawɔ ɖo kpata. Ebia tso dziɖuɖua si be wòaɖe aƒenɔ sia tso gaxɔ me enumake \"aɖada ɖe aƒe me alo awɔ ɖoɖo bubu si sɔ nɛ.\" Esi Kɔmitia tsi dzi ɖe nyɔnu sia ƒe lãmegbegblẽ si le gã dom ɖe edzi ŋu tae wòŋlɔ nu sia ɖo ɖe dziɖuɖua be wòawɔ edzi kpata.\nWolé aƒenɔ Irina Zakharchenko kple Ðasefo bubu si ŋkɔe nye Valida Jabrayilova de ga togbɔ be womekpɔ ɖo kodzo na wo o hã, eye wole ga me ɣleti ewo sɔŋ. Le December (Dzome) 10, 2015 dzi la, Baku Pirallahi Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea agadze nyɔnu eve siawo ƒe nyaa dɔdrɔ̃ gɔme. Wotso nyɔnu siawo nu alakpatɔe be wowɔ nu vlo le esi wole woƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo mam na amewo hele nu ƒom tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo \"mɔɖeɖemaxɔmaxɔe\" ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/woda-asi-%C9%96e-irina-%C6%92e-biabia-dzi-20151208\/","date":"2019-06-18T20:52:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977939725,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997793972492218}","num_words":160,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðikeke mele o be ède dzesii le nyati gbãtɔawo me be Mawu Fiaɖuƒea le vevie na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ. Ðewohĩ yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe, siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ le etsɔme, la dometɔ aɖewo hã wɔ nuku na wò. Eya ta ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be ɖe ŋugbedodo mawo gbegbe ate ŋu ava eme nyateƒe mahã.\nEsɔ be èbu nuwo ŋu nenema wu be nàxɔ wo katã dzi ase ko. (Lododowo 14:15) Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ wò nuŋububu alea asɔ kple ale si Beroiatɔwo * wɔ nui le blema. Esi Beroiatɔwo se Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia zi gbãtɔ la, woxɔ nya la, gake womexɔe le esi wòsɔ kple nu si dim wole be yewoase ta ko o. Ke boŋ wodzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito be yewoakpɔe ɖa 'be nya siawo le eme hã.' (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne míagblɔe la, efia be Beroiatɔwo tsɔ nya nyui si wose la sɔ kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ka ɖe edzi be nya nyui si yewose la nye nyateƒenya siwo tso Mawu ƒe Nya la me vavã.\nYehowa Ðasefowo le kpewòm be wò hã nàdzro Biblia me abe Beroiatɔwo ke ene. Adzɔ dzi na mí be míasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee ale be nàte ŋu atsɔ nu siwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la asɔ kple nu si Biblia fia.\nMenye ɖeko Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nànya nu si Mawu Fiaɖuƒea nye ko evɔ o, ke akpe ɖe ŋuwò hã nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia vevi aɖewo.\nƑo wo katã ta la, Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò 'nàte ɖe Mawu ŋu.' (Yakobo 4:8) Zi ale si nèle tetem ɖe Mawu ŋu la, zi nenemae nàkpɔe be Mawu Fiaɖuƒea ahe yayra geɖe vɛ na wò\n^ mm. 4 Beroia nye blema Makedonia ƒe dugã aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141001\/vi-si-mawu-fia%C9%96u%C6%92ea-a%C9%96e\/","date":"2019-06-24T21:19:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999740.32\/warc\/CC-MAIN-20190624211359-20190624233359-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990534186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999053418636322}","num_words":296,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dukɔ Ƒoƒuawo le dzi dem ƒo na ameƒomeviwo katã be woawɔ ɖeka ade bubu amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu, eye woawɔ nu siwo magblẽ nu le woƒe nutowo me ŋu o. Nu ka tae? Abe ale si Aƒetɔ Maher Nasser gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (UN Chronicle) me ene la, \"Yame ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm le xexea me godoo, nu vlo wɔhabɔbɔwo, ameŋkumekpɔkpɔ, aʋawɔwɔ si nu menya le lelém o, sitsoƒedilawo, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname si le xexea me katã [kple] dɔxɔleameŋuwo\" le gã dom ɖe edzi le dukɔ sia dukɔ me.\nAme aɖewo gɔ̃ hã doe ɖa be dziɖuɖu ɖeka nanɔ xexea me katã. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dante (ƒe 1265-1321) si nye Italytɔwo ƒe xexemenunyala, hakpanyaŋlɔla kple dziɖuɖumegã kple Albert Einstein (1879-1955) si nye dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala. Dante xɔe se be ŋutifafa mate ŋu anɔ xexe sia si me dziɖula vovovowo le dzi ɖum le la me eteƒe nadidi o. Eyɔ nya tso Yesu Kristo ƒe nyawo me gblɔ be, \"Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna.\"—Luka 11:17.\nLe Xexemeʋa Evelia si me woda atɔmik bɔmb eve le me megbe kpuie la, Albert Einstein ŋlɔ lɛta aɖe na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Sewɔtakpekpea, si wòde nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Egblɔ le lɛtaa me be: \"Ele be Dukɔ Ƒoƒuawo nawɔ ɖoɖo aɖe afɔ kpata atsɔ aɖo xexea me katã ƒe dziɖuɖu aɖe anyi si ana xexea nanɔ dedie.\"\nGake ɖe dunyahela siwo anɔ dziɖuɖu sẽŋu ma me la, mawɔ nu fitifiti, ado kpo nu eye womate amewo ɖe anyi oa? Alo ɖeko woawo hã ava do kpo nu abe dziɖula bubuwo enea? Biabia siawo na míeɖo ŋku Britaintɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Lord Acton, ame si gblɔ be: \"Ŋusẽ gblẽa ame dome eye ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi la, ɖe wògblẽa ame dome kura\" la ƒe nyawo dzi.\nTogbɔ be ele nenema hã, ne amegbetɔwo akpɔ ŋutifafa eye woawɔ nu aduadu ŋutɔŋutɔ la, ke ele be woawɔ ɖeka. Gake aleke míawɔ aɖo taɖodzinu ma gbɔ? Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔa? Biblia ɖo nya sia ŋu be ɛ̃. Anya wɔ eye ava eme hã. Le mɔ ka nu? Menye xexemedziɖuɖu siwo me dunyahela siwo wɔa nu fitifiti le la dzie wòato ava eme o. Ke boŋ anye dziɖuɖu aɖe si Mawu ŋutɔ ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu koe dze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi. Dziɖuɖu kae nye ema? Biblia na ŋkɔe gɔ̃ hã be \"Mawu Fiaɖuƒe.\"—Luka 4:43.\n\"WÒ FIAÐUƑE NAVA\"\nMawu Fiaɖuƒeae nɔ susu me na Yesu Kristo esi wògblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be: \"Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi.\" (Mateo 6:9, 10) Ɛ̃, Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, ke menye amegbetɔ siwo dina be yewoaɖu dzi godoo alo amegbetɔ ɖokuitɔdilawo ƒe lɔlɔ̃nu o.\nWogayɔa Mawu Fiaɖuƒea be \"Dziƒofiaɖuƒe la.\" (Mateo 5:3) Nu ka tae? Togbɔ be anyigbaa dzie wòaɖu hã la, manɔ anyigba dzi hafi aɖu dzi o, ke anɔ dziƒo. Bu nu si nya ma fia ŋu kpɔ. Xexea me katã ƒe dziɖuɖu sia mabia gakpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ o. Gbɔdzɔe ka gbegbe wòanye na ame siwo dzi wòaɖu!\nAbe ale si nya \"fiaɖuƒe\" fia ene la, fia le Mawu Fiaɖuƒea si. Fia mae nye Yesu Kristo, ame si Mawu na ŋusẽe. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be:\n\"Dziɖuɖu anɔ abɔta nɛ . . . Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa\" o.—Yesaya 9:6, 7.\n\"Wotsɔ dziɖuɖu, bubu kple fiaɖuƒe nɛ, ne amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe dolawo katã nasubɔe. Eƒe dziɖuɖu anɔ anyi . . . enu mayi o.\"—Daniel 7:14.\n\"Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [si nye Mawu] kple eƒe Kristo la ƒe Fiaɖuƒe.\"—Nyaɖeɖefia 11:15.\nMawu Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe si ana Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa nava eme. Le dziɖuɖu ma te la, amegbetɔwo katã asrɔ̃ ale si woalé be na anyigba be wòanɔ dedie eye agbe nanya nɔ le edzi.\nƑo wo katã ta la, Mawu Fiaɖuƒea afia nu eteviwo katã. Woafia se ɖeka ma ke wo katã. Fuléle kple mama aɖeke manɔ anyi o. Yesaya 11:9 gblɔ be: 'Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ avɛ o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.'\nŊutifafa blibo anɔ anyigbadzinɔlawo katã dome abe ale si Dukɔ Ƒoƒuawo le edim ene. Psalmo 37:11 gblɔ be: \"Dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\" Ava ɖo ɣeaɖeɣi la, nyawo abe \"nu vlo wɔwɔ,\" \"ɖiƒoƒo yame,\" \"hiãkame\" kple \"aʋawɔwɔ\" abu le míaƒe nuƒoƒo me. Gake ɣekaɣie nu siawo ava eme? Ɛ̃, ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ava ɖu xexea katã dzi? Aleke wòawɔe? Nu kae nàwɔ be eƒe dziɖuɖua naɖe vi na wò? Na míakpɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2019-mar-apr\/xexea-me-kat%C3%A3-%C6%92e-dzi%C9%96u%C9%96u\/","date":"2019-06-17T13:32:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00427.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964151382,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964151382446289}","num_words":753,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.017,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Míawɔ nuteƒe na Mawu\nLe míaƒe nuwɔna me.\nMíeɖe adzɔgbe na Mawu,\nMíasrɔ̃ eƒe seawo nyuie.\nEƒe nyawo ɖea vi na mí,\nEle be míawɔ wo dzi.\nNuteƒewɔla ye wònye,\nMíanɔ egbɔ ɣesiaɣi.\n2. Míawɔ nuteƒe na mía nɔe'o\nLe xaxaɣi kple hiãɣi.\nMíatsɔ ɖe le 'me na mía nɔe'o,\nAfa tu, agbɔ dzi ɖi.\nMíade bubu mía nɔvi'o ŋu,\nAlɔ̃ wo kple dzi blibo.\nMía Mawu la te mí ƒo ƒui,\nMíagblẽ mía nɔewo ɖi o.\n3. Míawɔ nuteƒe na nɔvi\nSi'o xɔa ŋgɔ le mía dome.\nNe wona mɔfiame mí la,\nMíaɖo to tso dzi me ke\nBene Yehowa nayra mí,\nAdo ŋusẽ mí katã.\nMíawɔ nuteƒe gbe sia gbe\nBe míanye Mawu tɔ ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/124-m%C3%ADaw%C9%94-nute%C6%92e-%C9%96aa\/","date":"2019-06-19T04:55:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998913.66\/warc\/CC-MAIN-20190619043625-20190619065625-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997776866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977768659591675}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBE ɖeka Yesu gblɔ be: \"Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.\" (Dɔw. 20:35) Nyateƒenya sia wɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me. Le mɔ ka nu? Yehowa na nu geɖe siwo nana míekpɔa dzidzɔ la mí, gake míakpɔ dzidzɔ geɖe wu ne míenaa nu Yehowa. Nu kae míate ŋu ana Yehowa? Lododowo 3:9 gblɔ be: \"Tsɔ wò nunɔamesi veviwo . . . de bubu Yehowa ŋu.\" Míaƒe \"nunɔamesi veviwo\" dometɔ aɖewoe nye míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋutetewo, míaƒe ŋusẽ, míaƒe ga kple bubuawo. Ne míezãa nu siawo tsɔ doa subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ la, ke míele nu nam Yehowa, eye esia wɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ geɖe.\nLe míaƒe nunɔamesiwo zazã atsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ gome la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagaŋe aɖaba aƒu nunana Yehowa dzi o? Apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔwo be 'woadzra nane ɖo' be woatsɔ adzɔ nui. (1 Kor. 16:2) Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso nudzɔdzɔ ƒe mɔnu siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ le miaƒe nutoa me ŋu la, nu kae nàte ŋu awɔ? Taflatsɛ, kpɔ aɖaka si le ete.\nMenye dukɔ ɖe sia ɖe mee woate ŋu adzɔ nu to Internet dzi le o. Ke hã, mɔ bubu siwo dzi woate ŋu ato adzɔ nu la ŋuti nyatakakawo le nudzɔdzɔwo ƒe teƒe si le jw.org. Le dukɔ aɖewo me la, teƒe aɖe le jw.org, si ɖo nya siwo amewo biana edziedzi tso nudzɔdzɔwo ŋu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-november-2018\/nu-si-m%C3%ADate-%C5%8Bu-ana-yehowa\/","date":"2019-06-24T09:13:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999298.86\/warc\/CC-MAIN-20190624084256-20190624110256-00015.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963771105,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963771104812622}","num_words":236,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mlɔeba la, avɔgbadɔa va zu teƒe si koŋ wodea ta agu na Mawu le. Nunɔlawoe fiaa Se la eye ʋɔnudrɔ̃lawo fiaa mɔ dukɔ la. Akpa sia ana míakpɔ ale si ame aɖewo ƒe nuwɔna kple ale si wotso nya mee la kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii. Ele be Israel-vi ɖe sia ɖe nawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi eye wòalɔ̃ ehavi. He susu yi ŋusẽ si Debora, Naomi, Yosua, Hana, Yefta vinyɔnua kple Samuel ƒe nuwɔnawo kpɔ ɖe ame bubuwo dzi la dzi. Te gbe ɖe edzi be ame siwo menye Israel-viwo o abe Rahab, Rut, Yael kple Gibeontɔwo ene va wɔ ɖeka kple Israel-viwo elabena wonya be Mawu li kpli wo.\nLE AKPA SIA\nMawu na mɔfiame aɖewo Yosua siwo ate ŋu aɖe vi na míawo ha egbea.\nYeriko gliawo mu gbloo. Gake Rahab ƒe aƒe si wotu ɖe Yeriko glia dzi ya memu o.\nYosua do gbe ɖa na Mawu be: \"Ɣe, tɔ ɖe teƒe ɖeka!\" Ðe Mawu ɖo eŋua?\nLe Yosua ƒe ku megbe la, Israel-viwo gasubɔ trɔ̃wo. Agbea sesẽ na wo, gake Ʋɔnudrɔ̃la Barak, nyɔnunyagblɔɖila Debora kple Yael kpakple eƒe agbadɔ kple tsyoti ye xɔ na wo!\nNyɔnu eve aɖewo siwo srɔ̃wo ku la trɔ va Israel-nyigba dzi. Nyɔnuawo dometɔ si ŋkɔe nye Rut yi ɖawɔ dɔ le agble aɖe me, afi wòdo go Boaz le.\nEsi Midiantɔwo na agbea sesẽ na Israel-viwo la woɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Aleke Gideon ƒe aʋawɔla suea wɔ hafi ɖu aʋawɔla 135,000 sɔŋ dzi?\nElkana kplɔ Hana, Penina kple eƒe ƒomea yi be woade ta agu le avɔgbadɔa me le Silo. Le afi ma la Hana do gbe ɖa bia ŋutsuvi. Le ƒe ɖeka megbe la, edzi Samuel!\nŊugbe kae Yefta do, eye nu ka tae? Aleke Yefta vinyɔnua wɔ nu ɖe ŋugbe si fofoa do la ŋu?\nNunɔlagã Eli viŋutsu eve siwo nye nunɔlawo la le subɔsubɔm le avɔgbadɔa me, gake womewɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi o. Samuel ɖevi la ya to vovo eye Yehowa ƒo nu kplii.\nMawu na ŋusẽ Samson be wòatsɔ awɔ aʋa kple Filistitɔwo, gake esi Samson wɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe la, Filistitɔwo va lée dzoe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/6\/","date":"2019-06-20T07:43:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999163.73\/warc\/CC-MAIN-20190620065141-20190620091141-00055.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986971021,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986971020698547}","num_words":363,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƲETSUVIWO hona le ha me eye wotea ŋu sɔa gbɔ taŋtaŋ abe \"miliɔn 80 ene le teƒe si ƒe lolome nye kilometa ɖeka kpe ɖo.\" Gake womekpea ŋgo o. Nu ka gbɔe wòtsona?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmenusenu aɖe le ʋetsuviwo ƒe ŋku ƒokpliawo dometɔ ɖe sia ɖe megbe si kpɔa nu sia nu si zɔ gbɔna wo gbɔ. Ne edze abe ɖe wole ŋgo kpe ge ene la, lãmenusenu sia naa nyanya aʋalawo kple afɔwo, eye wònana be ʋetsuviawo wɔa nu kpata. Le nyateƒe me la, ʋetsuviawo ƒe nuwɔna tsɔna zigbɔzi atɔ̃ wu ŋku ƒe aɖabaƒoƒo ɖeka.\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ te ɖe ʋetsuviwo ƒe ŋku kple lãmenusenu mawo ƒe dɔwɔwɔ dzi wɔ mɔ̃ aɖe de robot siwo zɔna me ale be wotea ŋu kpɔa nu siwo woate ŋu akpe ŋgo kpli la heƒoa asa na wo eye mehiã be woazã mɔ̃ deŋgɔwo atsɔ afia mɔ wo o. Numekulawo le mɔ̃ɖaŋununya sia zãm le ʋuwo wɔwɔ me. Wole ɖoɖo aɖe wɔm de ʋuawo me si ana toklã ʋukulawo kaba tso afɔku siwo tututu le wo ŋgɔ la ŋu ale be ʋufɔkuwo dzi naɖe kpɔtɔ. Aƒetɔ Shigang Yue si nye Nufialagã le Lincoln Yunivɛsiti si le United Kingdom (Royaume-Uni) gblɔ be: \"Nu geɖewo li míasrɔ̃ tso ʋetsuviwo, siwo nye nudzodzoevi tsɛwo gbɔ.\"\nNu kae nèsusu? Ðe lãmenusenu si nana be ʋetsuviwo mekpea ŋgo o la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201409\/%CA%8Betsuviwo-l%C3%A3menusenu\/","date":"2019-06-19T05:00:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998913.66\/warc\/CC-MAIN-20190619043625-20190619065625-00461.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984949231,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984949231147766}","num_words":231,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Aron Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Mose fo Aron si nye nunɔlagã gbãtɔ le Israel la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Aron Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Aron Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502014146\/univ\/art\/502014146_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/aron\/","date":"2019-06-15T22:33:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997501.61\/warc\/CC-MAIN-20190615222657-20190616004657-00319.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986091256,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986091256141663}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA—NU KAE NYE NYAGBLƆÐI?\nLe Biblia me la, Hebrigbe me dɔwɔnya na·va'ʹ, si gɔme woɖe be \"nyagblɔɖi\" la fia be woagblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ, ʋɔnudɔdrɔ̃, agbe nyui nɔnɔ ŋuti nufiafia, alo sedede siwo tso Mawu gbɔ. Agate ŋu afia be woagblɔ nane si Mawu gblɔ be ava dzɔ la. Nu siawo katã dze le nyagblɔɖi siwo Mawu ɖe fia Ezekiel la me.—Eze. 3:10, 11; 11:4-8; 14:6, 7; 37:9, 10; 38:1-4.\nMƆ SIWO DZI WOTO TSƆ NYAGBLƆÐIAWO NA\nŊUTEGA\nKPƆÐEŊUWO\nWƆWƆFIAWO\nNu siwo dze le Ezekiel ƒe agbalẽa me nye ŋutegawo, kpɔɖeŋuwo, lododowo kple nyagblɔɖiawo me vava ŋuti wɔwɔfiawo.\nALE SI WOVA EMEE\nNyagblɔɖi siwo ŋu Ezekiel ƒo nu tsoe la va eme wu zi ɖeka ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso nuwo gbugbɔgaɖɔɖo ŋu la va eme le mɔ sue aɖe nu esime Mawu ƒe amewo trɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene la, nuwo gbugbɔgaɖɔɖo ƒe nyagblɔɖi mawo dometɔ geɖe le eme vam egbea, eye woagava eme le etsɔme.\nTsã la, míeyɔa nanewo siwo dze le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me be kpɔɖeŋua, eye míeyɔa nu si kpɔɖeŋua tsi tre ɖi na la be nua ŋutɔŋutɔ. Le agbalẽ sia me la, womegblɔ tso ame, nane, teƒe, alo nudzɔdzɔ aɖeke ŋu be enye kpɔɖeŋu si le tsitre ɖi na nane o, negbe ɖe kpeɖodzi aɖe ŋutɔŋutɔ dze le Ŋɔŋlɔawo me ko hafi. * Ke boŋ agbalẽa aƒo nu tso ale si Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo dometɔ geɖe ava eme le mɔ si lolo wu nu la ŋu. Agbalẽa adzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe gbedeasia me, nu siwo míasrɔ̃ tso amewo, teƒe kple nudzɔdzɔ siwo ŋu wòƒo nu tsoe la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/m%C3%ADase-ezekiel-%C6%92e-nyagbl%C9%94%C9%96iawo-g%C9%94me\/","date":"2019-06-18T16:24:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998755.95\/warc\/CC-MAIN-20190618143417-20190618165417-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984731674,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984731674194336}","num_words":281,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"VIDEO ME NUSƆSRƆ̃WO\nVideo kpui siawo fiaa nu vevi aɖewo mí tso Biblia-gbalẽawo me nyawo kple wo ŋu nyatakaka bubuwo ŋu. Zã nusɔsrɔ̃ siawo ne woakpe ɖe ŋuwò wò Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ naɖe vi na wò wu.\nYehowa na ŋugbe si wòdo be yeaɖe yeƒe amewo tso aboyo me le Babilon ahana woagaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le Yerusalem la va eme.\nNu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ le Esta ŋɔli ado ŋusẽ wò xɔse nàkpɔe be ŋusẽ le Yehowa Mawu si be wòaɖe eƒe amewo tso xaxa me.\nAme siwo katã lɔ̃ Yehowa ato dodokpɔwo me. Hiob ƒe ŋutinyaa na kakaɖedzi mí be míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ahanɔ eƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi sesĩe.\nPsalmowo ɖee fia be Yehowae dze aɖu dzi, ekpena ɖe ame siwo lɔ̃nɛ ŋu hefaa akɔ na wo, eye be eƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ gãwo ava xexea me.\nÀkpɔ Mawu ƒe mɔfiame siwo ɖea vi le agbemenya ɖe sia ɖe kloe me la le Lododowo ƒe agbalẽa me—tso asitsanyawo dzi va yi ƒomenyawo dzi.\nFia Salomo he susu yi nu siwo le vevie wu le agbe me dzi eye wòɖee fia be wonyo sãsãsã wu nu siwo tsi tsitre ɖe mawumenunya ŋu.\nWoɖɔ lɔlɔ̃ vavã si nɔ Sunem-ɖetugbuia si na alẽkplɔvia la be enye \"Yah ƒe dzoƒaɖe.\" Nu ka tae?\nYesaya ƒe agbalẽa nye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le, si ate ŋu ana nàka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye Mawu si nana eƒe ŋugbedodowo vaa eme kple wòganye Mawu si gbɔ míaƒe xɔxɔ tso.\nYeremiya lé fɔ ɖe eƒe nyagblɔɖidɔa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo me hã. Bu ale si eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na Kristotɔwo egbea ŋu kpɔ.\nNyagblɔɖila Yeremiyae ŋlɔ Konyifahawo ƒe agbalẽa. Eŋlɔ ale si gbegbe wòle blanui esime wotsrɔ̃ Yerusalem kple ale si dzimetɔtrɔ hea Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ vanɛ.\nEzekiel bɔbɔ eɖokui hewɔ dɔ siwo katã Mawu de asi nɛ la dzinɔameƒotɔe, aleke kee woɖasesẽe o. Nufiame geɖe le eƒe kpɔɖeŋua me na mí egbea.\nDaniel kple eƒe zɔhɛawo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Kpɔɖeŋu si woɖo kpakple nyagblɔɖiawo me vava ate ŋu aɖe vi na mí fifia le nuwuɣi sia me.\nNufiame vevi aɖewo le Hosea ƒe nyagblɔɖia me na mí egbea ku ɖe ale si Yehowa kpɔa nublanui na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me kpakple subɔsubɔ si dzea eŋu ŋu.\nYehowa zã ŋutsu ɖokuibɔbɔla sia tsɔ wɔ dɔ veviwo. Nufiame vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Amos ƒe kpɔɖeŋua me?\nEyae nye agbalẽ suetɔ kekeake le Hebri Ŋɔŋlɔawo dome. Nyagblɔɖia naa mɔkpɔkpɔ ame eye eɖee fia kɔtɛ be woado Yehowa ɖe dzi be eya koe dze anye fia.\nNyagblɔɖilaa lɔ̃ Mawu ɖɔe ɖo, ewɔ dɔ si Mawu de esi, eye wòsrɔ̃ nu vevi aɖe tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Nuxexlẽ tso nu siwo me wòto ŋu awɔ dɔ ɖe dziwò.\nNyagblɔɖia na míeka ɖe edzi be Yehowa nana eƒe nyawo katã vaa eme, eye efaa akɔ na ame siwo katã di vevie be yewoakpɔ ŋutifafa kple xɔname le eƒe Fiaɖuƒea te.\nMíate ŋu aka ɖe edzi be ɣeawokatãɣi la, Yehowa nya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòaxɔ na eƒe amewo kple mɔ nyuitɔ si nu wòawɔe le.\nEnye nyagblɔɖigbalẽ si ƒo nu tso Yehowa ƒe mɔfiame veviwo, eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe lɔlɔ̃ siwo metrɔna o ŋu. Nufiame veviwo hã le nyagblɔɖigbalẽ sia me siwo akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme siwo me tom míele egbea la me.\nSrɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo tso Biblia gbalẽ sia si nye Nyanyuigbalẽ eneawo ƒe gbãtɔ ŋu.\nMarko ƒe agbalẽa, si nye Nyanyuigbalẽ eneawo ƒe suetɔ la, na míekpɔ ale si Yesu ƒe dziɖuɖu anɔ ne eva zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.\nNya kawoe le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo medze le Nyanyuigbalẽ bubuawo me o?\nYohanes ƒe agbalẽa ɖe lɔlɔ̃ si le Yesu si na amegbetɔwo la fia, eƒo nu tso ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ŋu, eye wòɖee fia be eyae nye Mesia—si anye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.\nKristotɔ gbãtɔwo ku kutri vevie be yewoawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ana dzo yeye nagaɖo mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye nàwɔe veviedodotɔe.\nMɔfiame siwo tso Yehowa gbɔ ku ɖe ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe kple ale si gbegbe Yesu Kristo dzi xɔxɔ se le vevie la ŋu.\nAɖaŋuɖoɖo siwo tso Mawu gbɔ, siwo dometɔ aɖewo ku ɖe ɖekawɔwɔ, agbe nyui nɔnɔ, lɔlɔ̃ si nu metsina o, kple tsitretsitsi ŋuti nufiafiaa ŋu lae le agbalẽ sia si Paulo ŋlɔ la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/biblia-gbal%E1%BA%BDwo-%C6%92e-%C5%8Bg%C9%94donyawo\/","date":"2019-06-18T18:51:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998813.71\/warc\/CC-MAIN-20190618183446-20190618205446-00351.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984824061,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984824061393738}","num_words":758,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wogbugbɔ Yerusalem gbedoxɔ si wotsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me la tua?\nYESU gblɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu be, womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi o. Nyagblɔɖi sia va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma-srafo siwo nɔ aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te la va tsrɔ̃ Yerusalem. (Mat. 24:2) Emegbe Fiagã Julian ɖoe be yeagbugbɔ Yerusalem gbedoxɔa atu.\nWoyɔ Julian be Roma fiagã trɔ̃subɔla mamlɛtɔ. Konstantino Gãtɔ ƒe tɔɖiyɔvi sia srɔ̃ yeaɖi Kristotɔnyenye ƒe nufiafiawo. Gake esi wòva zu fiagã le ƒe 361 M.Ŋ. me la, egbe nu le nufiafia mawo kple alakpa Kristotɔnyenye si keke ta le eƒe ŋkekea me la gbɔ eye wòzu trɔ̃subɔla. Ŋutinyagbalẽwo yɔ Julian be \"Xɔsegbela la.\"\nJulian va nyɔ ŋu Kristotɔnyenye. Anɔ eme be susu ɖekae nye be, ekpɔ eteƒe esime ame siwo be Kristotɔwoe yewonye la wu fofoa kple eƒe ƒometɔwo esime wòxɔ ƒe ade. Le sɔlemeha ƒe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya nu la, Julian de dzi ƒo na Yudatɔwo be woagbugbɔ gbedoxɔa atu be esia nanye kpeɖodzi be Yesu nye aʋatsonyagblɔɖila. *\nÐikeke mele eŋu o be Julian ɖoe be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu. Ŋutinyaŋlɔlawo le ɖi kem ne Julian dze gbedoxɔa gbugbɔgatu gɔme nyateƒe, eye ne edze etutu gɔme la, ke susu ka tae dɔa va tsi akpo dzi ɖo? Gake kpeɖodzi le nu ɖeka aɖe ya ŋu. Esi Julian xɔ fiazikpuia ƒe eve pɛ megbe la, wowui, eye eƒe tameɖoɖo be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu la tsi akpo dzi.\n^ mm. 5 Yesu megblɔ be womagbugbɔ gbedoxɔa atu akpɔ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be woatsrɔ̃e, eye esia va eme pɛpɛpɛ le ƒe 70 M.Ŋ. me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130415\/%C9%96e-wogbugb%C9%94-yerusalem-gbedox%C9%94-tua\/","date":"2019-06-25T04:10:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00209.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992494583,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992494583129883}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yehowa Ðasefowo si esime wole Mawu ƒe Nya la kple eme nyateƒea fiam ame geɖe ale si wòanya wɔ la ŋu.\nVideo siwo le jw.org nyatakakadiƒea le vi ɖem na kpovitɔwo, suku ƒe aɖaŋuɖolawo kple ame bubuwo.\nRead how a missionary in Benin learned sign language to help deaf people draw close to God.\nMègabu mɔkpɔkpɔ gbeɖe be ame aɖe mate ŋu ava xɔ nyateƒea o. Xlẽ nu tso ame aɖewo siwo va wɔ esia kple nu si tae ŋu.\nAleke dɔmenyonuwɔna ɖeka aɖe kpe ɖe ame aɖe si tsitre ɖe nyateƒea ŋu tsã la ŋu wòva tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me?\nKpɔ ale si nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si le Chile ku kutri ma wɔna tɔxɛ aɖe ƒe amekpegbalẽvi na ame siwo katã doa Mapudungun le eƒe suku.\nNu kae va do tso eme esi Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ dzi ɖi ƒo nu na ŋutsu aƒemanɔsitɔ aɖe si mekɔa mo ɖe ame o eye melɔ̃na be ame nade ha kpli ye o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nyate%C6%92ea-fiafia-amewo\/","date":"2019-06-18T18:58:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998813.71\/warc\/CC-MAIN-20190618183446-20190618205446-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989545941,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989545941352844}","num_words":172,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ nusi ɖim ŋutsu ma le ɖe eƒe agbadɔ me la ɖa! Awu ʋlaya nyui aɖe kple sikakpɔti kple klosalo aɖewo. Etsɔ wo tso Yerixo-du me. Evɔ la, aleke wòle be woawɔ Yerixo-nuawoe hafi? Èɖo ŋku edzia?\nÐe wòle be woatsrɔ̃ wo, eye woatsɔ sika kple klosalo la ade Yehowa ƒe avɔgbadɔ ƒe nudzraɖoƒe. Eyata amesiawo meɖo to Mawu o. Wofi nusi nye Mawu tɔ. Ŋutsu la ŋkɔe nye Axan, eye amesiwo le egbɔ la nye eƒe ƒometɔ aɖewo. Na míakpɔ nusi va dzɔ la ɖa.\nEsi Axan fi nusiawo megbe la, Yosua dɔ ŋutsu aɖewo be woayi awɔ aʋa kple Ai-du la. Gake woɖu wo dzi le aʋa me. Wowu ame aɖewo, eye ame mamlɛawo si. Yosua lé blanui ŋutɔ. Ebɔbɔ tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa na Yehowa be: 'Nukatae nèna nusia dzɔ ɖe mía dzi?'\nYehowa ɖo ŋu be: 'Tsi tre! Israel wɔ nuvɔ̃. Wofi nusiwo wòle be woatsrɔ̃ alo woatsɔ ayi Yehowa ƒe avɔgbadɔ me la ƒe ɖewo. Wofi awu ʋlaya nyui aɖe hetsɔ ɣla. Nyemayra mi o, negbe ɖe miatsrɔ̃ nua kple amesi tsɔ nusiawo hafi.' Yehowa gblɔ be yeaɖe ame vɔ̃ɖi la afia Yosua.\nEye Yosua ƒo ameawo katã nu ƒu, eye Yehowa tɔ asi Axan vɔ̃ɖi la dzi. Axan gblɔ be: 'Mewɔ nuvɔ̃. Mekpɔ awu ʋlaya nyui kple sikakpɔti kpakple klosaloawo. Wodzrom ale gbegbe be metsɔ wo. Meɖi wo ɖe nye agbadɔ me.'\nEsi wokpɔ nusiawo hetsɔ vɛ na Yosua la, egblɔ na Axan bena: 'Nukatae nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi? Fifia Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò!' Eye ameawo katã ƒu kpe Axan kple eƒe ƒome la woku. Ðe ema mefia be mele be míatsɔ nusiwo menye mía tɔ gbeɖe oa?\nEmegbe la, Israel ɖawɔ aʋa kple Ai ake. Fifia ya la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu woɖu aʋa la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/akan\/","date":"2019-06-17T07:12:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998440.47\/warc\/CC-MAIN-20190617063049-20190617085049-00467.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999420166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999420166015625}","num_words":299,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Zã kpeɖodzinya siwo ŋu kakaɖedzi le nàtsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaƒo nya ta nyuie.\nALE SI NÀWƆE:\nWɔ nyatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu dɔ. Tu wò nyawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, xlẽ nyawo tso eme tẽe le afi si wòanya wɔ le. Ne èɖe kpeɖodzinyaa tso dzɔdzɔmeŋutinunya, nyadzɔdzɔwo, nuteƒekpɔkpɔwo, alo nyatsoƒe bubu aɖe la, ku nu me do ŋgɔ nàkpɔe ɖa be kakaɖedzi le eŋu eye wòde pɛpɛpɛ hã.\nWɔ nyatsoƒewo ŋu dɔ nyuie. Ðe ŋɔŋlɔa me wòasɔ ɖe nya siwo ƒo xlãe nu, wòasɔ ɖe Biblia me gbedeasi bliboa nu, eye wòawɔ ɖeka kple 'kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa' ƒe nufiafiawo. (Mat. 24:45) Ne èle kpeɖodzinya siwo metso Biblia me o zãm la, zã wo woasɔ ɖe nɔnɔme siwo me wozã wo le la nu pɛpɛpɛ, mègatrɔ gɔmesese si le wo ŋu alo agblɔ nya aɖe si to vovo na nu si tututu nuŋlɔlaa di be yeafia o.\nNa woade ŋugble le kpeɖodziawo ŋu. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe alo he susu yi ŋɔŋlɔ aɖe dzi vɔ la, bia nyawo aɖaŋutɔe alo nàwɔ kpɔɖeŋu aɖe si ana wò nyaselawo ŋutɔ naƒo nya ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/7-nyaa-nede-p%C9%9Bp%C9%9Bp%C9%9B-kaka%C9%96edzi-nan%C9%94-e%C5%8Bu\/","date":"2019-06-26T02:17:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000044.37\/warc\/CC-MAIN-20190626013357-20190626035357-00085.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978817701,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978817701339722}","num_words":188,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ate ŋu asesẽ be míatsɔ nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi siwo Yehowa tsɔ ke mí la ake mía ɖokui. Le ƒe 2016 \"Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa!\" Nutome Gã Takpekpea me la, woƒo nu tso nya sia ŋu le nuƒo aɖe kple eƒe video me. Zã JW Library dɔwɔnua nàtsɔ akpɔ videoa ake, eyome ɖo biabia siawo ŋu:\nƔeyiɣi didi kae woɖe Amavi le haa me?\nMawunyakpukpui ka mee hamemetsitsiawo dzro kple Amavi, eye aleke wòkpe ɖe eŋui?\nAleke nɔviwo wɔ nu ɖe Amavi ŋu esi wogbugbɔ xɔe ɖe haa me?\nNu kawoe va nɔ fu ɖem na Amavi, eye aleke tɔa kpe ɖe eŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july17-23\/%C9%96e-n%C3%A8ts%C9%94na-kea-%C9%96okuiw%C3%B2a\/","date":"2019-06-19T14:25:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998986.11\/warc\/CC-MAIN-20190619123854-20190619145854-00401.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972875714,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972875714302063}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME BIA?\nÐeviwo hiã na mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo tso ame tsitsiwo gbɔ. Esi nènye dzila ta la, wòe wòle be nàwɔ dɔ ma; le nyateƒe me la, wò agbae. Ke hã ame tsitsi bubuwo hã ate ŋu afia nu viwòwo.\nNU KA TAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME HIÃ?\nLe dukɔ geɖe me la, ɖeviwo metea ŋu dea ha kple ame tsitsiwo o. Bu nya siawo ŋu kpɔ:\nÐeviwo zãa ŋkekea ƒe akpa gãtɔ le suku, afi si sukuviwo sɔ gbɔ wu nufialawo kple ame tsitsi bubuwo le.\nNe wokpa tso suku va aƒe me la, aƒea me tsia ƒuƒlu elabe wo dzilawo yi dɔ me.\nNumekuku aɖe si wowɔ le Amerika ɖee fia be ɖevi siwo xɔ tso ƒe 8 va se ɖe 12 zãa gaƒoƒo ade le mama dedie nu ɖe television, haƒoƒo kple video dzi fefewo ŋu gbe sia gbe. *\nAgbalẽ aɖe (Hold On to Your Kids) gblɔ be: \"Egbea ɖevi geɖe le tɔtrɔm ɖe wo hatiwo ŋu hena mɔfiame, wole wo hatiwo srɔ̃m eye woxɔa aɖaŋuɖoɖo le wo gbɔ tsɔ wu be woatrɔ ɖe dada, papa, nufialawo kple ame tsitsi bubuwo ŋu.\"\nALE SI NÀFIA MƆ VIWÒ\nKpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.\"—Lododowo 22:6.\nLe dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo kpɔa mɔ be yewo dzilawo nafia mɔ yewo. Le nyateƒe me la, numekulawo gblɔ be ne ɖeviwo le sɔhɛme ɖom gɔ̃ hã, wodea asixɔxɔ wo dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu wu wo hatiwo tɔ. Agbalẽnyalagã Laurence Steinberg gblɔ le agbalẽ si nye You and Your Adolescent me be: \"Dzilawo ƒe nya gakpɔa ŋusẽ ɖe wo viwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo dzi ne wole sɔhɛ me ɖom.\" Egblɔ kpee be: \"Sɔhɛwo dina be yewoanya nu si susum yewo dzilawo le, eye woɖoa to nya siwo wogblɔna nenye be womelɔ̃na ɖe wo katã dzi ɣesiaɣi o hã.\"\nEsi wònye be didi sia le wo me ta la, wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ. Kpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu eye nàgblɔ wò susuwo, nu siwo ŋu nèdea asixɔxɔe kple wò nuteƒekpɔkpɔwo na wo.\nDi ame tsitsi aɖe si viwòa ate ŋu asrɔ̃.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.\"—Lododowo 13:20.\nÐe nènya ame tsitsi aɖe si ɖoa kpɔɖeŋu nyui si viwòa ate ŋu asrɔ̃a? Ne nenemae la, nu ka tae màwɔ ɖoɖo be viwòa nanɔ ha dem kplii o? Ke hã mègaɖe ta le agba si le dziwò abe dzila ene la te o. Gake dzideƒonamenya siwo ame tsitsi si dzi nèka ɖo, si nènya be magblẽ nu le ye via ŋu o, agblɔ na viwòa la, ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le hehe si nam nèlee me. Le Biblia me la, esi Timoteo tsi gɔ̃ hã la, ha si wòde kple apostolo Paulo ɖe vi nɛ ŋutɔ eye wòɖe vi na Paulo hã.—Filipitɔwo 2:20, 22.\nEgbea megabɔ be ƒomewo nanɔ teƒe ɖeka kple wo tɔgbuiwo, mamawo, nyruiwo, tɔgãwo, tasiwo, nɔɖiwo kple ƒometɔ bubuwo o. Ne nenemae wòle le gowòme la, dze agbagba be nàna mɔnukpɔkpɔ viwò be wòade ha kple ame tsitsi siwo si nɔnɔme nyui siwo nàdi be woasu ye via si la le.\n^ mm. 9 Numekukua ɖee fia be le mama dedie nu la, sɔhɛwo zãa gaƒoƒo asieke kloe gbe sia gbe ɖe modzakaɖenuwo ŋu. Gaƒoƒo siwo wozã tsɔ yi internet dzi le suku kple esiwo wozã ɖe dɔdeasiwo ŋu mele akɔntabubu sia me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/ame-tsitsiwo-%C6%92e-m%C9%94fiame-le-vevie\/","date":"2019-06-25T04:36:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991109371,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991109371185303}","num_words":567,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbalẽfiala kple Farisitɔ dadalawo dina be yewoawɔ nu wòadze amewo ŋu eye woade bubu yewo ŋu. (Mt 23:5-7) Yesu ya mewɔ nu alea o. \"Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ.\" (Mt 20:28) Ðe míaƒe susu katã nɔa subɔsubɔdɔa ƒe akpa siwo ana amewo nakpɔ mí akafu mí la ko ŋua? Ne míedi be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, míadze agbagba awɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe akpe ɖe amewo ŋu abe Yesu ene. Zi geɖe la, dɔ siawo medzena amewo kpɔna o, gake Yehowa ya kpɔnɛ. (Mt 6:1-4) Ðokuibɔbɔla . . .\nakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo kple beléle nɛ ŋu\natso le eɖokui si akpe ɖe ame tsitsiwo kple ame bubuwo ŋu\nadzɔ ga woatsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar5-11\/be-yeanye-g%C3%A3-nanye-mia%C6%92e-sub%C9%94la\/","date":"2019-06-18T01:42:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979043603,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997904360294342}","num_words":124,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JW Nyakakadɔwɔƒe nye internet dzi television si doa ŋusẽ ame ƒe mawusubɔsubɔ eye edzinuwo sɔ na ƒomewo. Kpɔ ha bubu siwo wodzi da ɖe JW Nyakakadɔwɔƒe la kple video siwo le jw.org nyatakakadzraɖoƒea dometɔ aɖewo. Kpɔ Video Ƒotsiãɖenuwo, video siawo nɔa ƒoƒom gaƒoƒo 24 gbe sia gbe, eye wò ŋutɔ hã àte ŋu atia video ɖe sia ɖe si nèdi be yeaƒo le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me le akpa si nye Video Si Nèdi. Yi akpa si nye Odio ne nàse ha vovovowo, dramawo, Biblia xexlẽ ƒe dramawo kple nu bubu geɖewo.\nLE AKPA SIA\nKpɔ nya siwo amewo biana edziedzi la ƒe ŋuɖoɖowo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/JW-Broadcasting-for-Apple-TV\/","date":"2019-06-17T11:17:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00330.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984617233,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984617233276367}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA\nNe atsu kple asi wɔa nu aduadu la, wova nɔna abe yameʋukula kple eƒe kpeɖeŋutɔ siwo wɔa nu aduadu ene. Ne kuxiwo do mo ɖa gɔ̃ hã la, ele be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu nayi nu si \"míate\" ŋu awɔ dzi, ke menye nu si \"mate\" ŋu awɔ dzi o.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka.\"—Mateo 19:6.\n\"Srɔ̃ɖeɖe menye ame ɖeka ƒe dɔ o. Ele be srɔ̃tɔawo nawɔ nu aduadu be srɔ̃ɖeɖea nali ke.\"—Christopher.\nNU SI TA WÒLE VEVIE\nNe kuxiwo do mo ɖa le atsu kple asi siwo mewɔa nu aduadu o dome la, woɖea asi le kuxia ŋu eye wokpea ŋgo kple wo nɔewo. Esia nana kuxi suewo va zua nya gãwo.\n\"Nuwɔwɔ aduadu wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me. Ne ɖe nye kple srɔ̃nye míewɔa nu aduadu o la, anye ne míanye ame eve siwo le xɔ ɖeka me, ke menye srɔ̃tɔwo o—míanye ame eve siwo le teƒe ɖeka evɔ woƒe susu mewɔa ɖeka ne ehiã be woatso nya me le nya vevi aɖe ŋu o.\"—Alexandra.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nDO ÐOKUIWÒ KPƆ\nÐe mebua ga si mekpɔna la be enye \"nye ɖeka tɔnyea\"?\nNe medi be maɖi ɖe eme nyuie la, ɖe mekpɔnɛ be ele be magblẽ srɔ̃nye ɖe megbea?\nÐe nyemedina be magogo srɔ̃nye ƒe ƒometɔwo o, evɔ srɔ̃nye ya melɔ̃a nu le wo gbɔ oa?\nWÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU\nNu ka(wo) mee míetea ŋu wɔa nu aduadu le wu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me?\nNu ka(wo) mee wòahiã be míagadze agbagba le wu?\nAfɔ kawoe míate ŋu aɖe be ale si míewɔa nu aduadu la naganyo ɖe edzi?\nAÐAŊUÐOÐOWO\nTsɔe be ame hatsotso eve le ka hem eye srɔ̃wo le akpa ɖeka eye wò hã nèle akpa kemɛ. Azɔ kpɔe ɖa be nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàva wɔ ɖeka kple srɔ̃wòa ale be mi ame evea miava nɔ akpa ɖeka?\nLe esi nànɔ susum be 'Aleke màwɔ aɖu dzi?' la, anyo be nàsusu boŋ be 'Aleke míawɔ aɖu dzi?'\n\"Mèganɔ ame si tɔ dzɔ kple ame si tɔ medzɔ o dim o. Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si anɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me le vevie wu ema kura.\"—Ethan.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.\"—Filipitɔwo 2:3, 4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2018-jul-aug\/%C6%92omewo-kp%C9%94a-dzidzedze-nuw%C9%94w%C9%94-aduadu\/","date":"2019-06-18T08:51:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998708.41\/warc\/CC-MAIN-20190618083336-20190618105336-00295.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997366786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973667860031128}","num_words":389,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be dɔléle sesẽ aɖe si dze abe nu si nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o ene ɖea fu nam vevie hã la, mía Fofo lɔlɔ̃a si le dziƒo kpe ɖe ŋunye va se ɖe fifia. Eye ƒe 20 kple edzivɔe nye esia mele mɔɖeɖedɔa wɔm hele dzidzɔ tɔxɛ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me.\nWodzim le ƒe 1956 me kple dzimeƒudɔ aɖe. Esi nye dzimeƒu mekpe nyuie o ta la, ahɔhɔ̃meka meto afi si wòle be wòato o. Woyɔa dɔ sia le Eŋlisigbe me be spina bifida. Dɔléle sia na wòsesẽna nam be mazɔ, eye wòhe lãmesẽkuxi sesẽ bubuwo va dzinye.\nƔeyiɣi aɖe do ŋgɔ hafi woadzim la, Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖewo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple dzinyelawo. Le nye ɖevime la, gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ mía de Usakos, le Namibia. Eya ta míesrɔ̃a nu siwo woasrɔ̃ le hame ƒe kpekpewo me la abe ƒome ene. Esi mexɔ ƒe adre la, wowɔ dɔ nam, si me woŋɔ nye ŋutilã ƒe akpa aɖe, afi si maɖɔ aɖuɖɔ atoe. Esi mexɔ ƒe 14 la, meva nɔ kpeŋuidɔ (adzigbo) hã lém. Esi sekɛndrisuku (lycée) si le míaƒe nutoa me la didi tso mía gbɔ eye mehiã dzinyelawo ƒe beléle tɔxɛ ta la, nyemete ŋu wu enu o.\nKe hã, meɖoe be mana nye kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ. Wometa míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽ geɖe ɖe mía degbe Afrikaans me o. Eya ta mesrɔ̃ Eŋlisigbe xexlẽ ale be mate ŋu asrɔ̃ míaƒe agbalẽ bubuwo. Mezu Fiaɖuƒegbeƒãɖela eye mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 19. Le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, lãmesẽ kple seselelãme kuxi geɖewo ɖe fu nam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi kadodo kplikplikpli le míaƒe kɔƒea me tɔwo dome ta la, amegbetɔvɔvɔ̃ xe mɔ nam be nyemete ŋu nɔ geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me o.\nEsi mexɔ ƒe 20 teti la, míeʋu tso Namibia yi South Africa, eye ɣemaɣie mede ha kple hame aɖe hede kpekpe zi gbãtɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi! Gake eva hiã be woagawɔ dɔ nam ake; woŋɔ nye ŋutilã ƒe akpa bubu, afi si made afɔdzi toe.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, mese nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo si woƒo tso mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Nya siwo wògblɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye. Menyae be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ asesẽ nam le nye lãmesẽ ta, gake mekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye le nɔnɔme sesẽ geɖe me. Eya ta mebia be mazu gbesiagbe mɔɖela. Gake le nye lãmesẽkuxiwo ta la, hamemetsitsiwo he ɖe megbe le asidede dɔbiagbalẽvia te me.\nKe hã, metso nya me be mawɔ nye ŋutete katã le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Danye kple nɔvi bubuwo kpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖo mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidia gbɔ ɣleti ade sɔŋ. Esia ɖe ale si meɖoe kplikpaa be mawɔ mɔɖeɖedɔa fia, eye ena wòdze ƒãa be mate ŋu awɔe togbɔ be lãmesẽkuxiwo le ŋunye hã. Megade asi mɔɖeɖedɔ ƒe dɔbiagbalẽvia te ake, eye fifia ya woda asi ɖe edzi. Le September 1, 1988 dzi la, mezu gbesiagbe mɔɖela.\nAbe mɔɖela ene la, mekpɔa Yehowa ƒe ŋusẽdoame ɣesiaɣi. Nyateƒea fiafia ame yeyewo kpɔ tanye, enyim, eye wòkpe ɖe ��unye metsi le gbɔgbɔ me, ale be nyemetsɔa susu ɖoa nye nɔnɔmea ŋu o. Mekpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ, eye esia he dzidzɔ manyagblɔ vɛ nam.\nNye lãmesẽnyawo tea ŋu trɔna kpata. Gake Yehowa 'tsɔa nye agbawo nam gbe sia gbe.' (Ps. 68:20) Menye ɖeko wòkpena ɖe ŋunye metea ŋu nɔa te ɖe nye kuxiwo nu o, ke enana wònyea dzidzɔ nam be mele agbe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130815\/yehowa-ts%C9%94a-nye-agbawo-nam\/","date":"2019-06-18T05:30:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989700317,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989700317382812}","num_words":574,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÈSUSU?\nÐe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa? Biblia gblɔ be:\n\"Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe gbe.\" —Psalmo 103:20.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso mawudɔlawo ŋu kple ale si woate ŋu akpe ɖe mía ŋui la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-26T01:38:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000044.37\/warc\/CC-MAIN-20190626013357-20190626035357-00104.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944123626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994412362575531}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke agbea nɔ na kluviwo le Roma Fiaɖuƒea me?\nLe Roma Fiaɖuƒea te la, ne asrafowo ɖu dukɔ aɖe dzi la, wowɔa aboyomeawo kluviwoe, eye nenema kee ame aɖewo hã léa amewo sesẽe. Wodzraa ame siwo wolé la, eye zi geɖe la, womegatrɔna yia aƒe alo kpɔa woƒe ƒometɔwo gbeɖe o.\nkluvi geɖe ku le tomenukuƒewo le dɔwɔwɔ atraɖii ta, ke nuwo kana ɖe eme vie na wo dometɔ siwo nye agbledɔwɔlawo kple aƒemedɔwɔlawo ya. Ɣeaɖewoɣi la, wozia kluviwo dzi dea kɔgɛ si wowɔ kple gayibɔ la kɔ na wo, si dzi woŋlɔ ɖo be, ne kluvia si eye ame aɖe lée gbugbɔe yi na eƒe aƒetɔ la, woaɖo eteƒe nɛ. Wotsɔa ga xɔdzo ɖea dzeside si nye F, si le tsitre ɖi na fugitivus (sisila) la ɖe ŋgonu na kluvi siwo tee kpɔ enuenu be yewoasi.\nBiblia gbalẽ si nye Filemon ƒo nu tso ale si apostolo Paulo na kluvi Onesimo trɔ yi eƒe aƒetɔ Filemon, si gbɔ wòsi le la gbɔe ŋu. Togbɔ be le se nu la, Filemon kpɔ mɔ ahe to Onesimo vevie hã la, Paulo gblɔ na Filemon be wòaxa ɖe lɔlɔ̃ kpakple xɔlɔ̃wɔwɔ si le yewo dome la ta 'axɔe dɔmenyotɔe.'\nNu ka tae Foiniketɔwo xɔ ŋkɔ le amadede dzĩ la ɖaɖa me?\nFoinike, si míagblɔ gbadzaa be eyae nye afi si egbegbe Libanon le la xɔ ŋkɔ le Tirotɔwo ƒe amadede dzĩ la ɖaɖa me. Dugã si nye Tiro ƒe ŋkɔe woyɔ tɔ ɖe amadede sia ŋu. Blema Israel Fia Salomo zã \"aɖabɛ dzĩtɔ,\" si nye Tirotɔ aɖe ƒe asinudɔwɔwɔ la tsɔ ɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔ si wòtu.—2 Kronika 2:12, 13.\nLe blema la, Tirotɔwo ƒe amadede dzĩ lae nye amadede si xɔ asi wu, eye dɔ si gbegbe wowɔna hafi kpɔa amadede sia la koŋ tae wòxɔ asi nenema ɖo. Gbã la, tɔƒodelawo ɖea ƒumebɔbɔ * ƒomevi aɖe si me woɖea amadedea tsonɛ la le agbɔsɔsɔ gã me. Hafi woade ama avɔ ɖeka la, ele be woazã ƒumebɔbɔ 12,000 sɔŋ. Eyome ame siwo ɖaa amadedea la ɖea abɔbɔawo le woƒe goawo me ale be woate ŋu aɖe woƒe akpa si wokpɔa amadedea tsonɛ la. Azɔ wodea dzee hesianɛ ɖe ŋdɔgbe ŋkeke etɔ̃. Emegbe wokɔnɛ ɖe zɔ me eye wokua atsiaƒutsi kɔna ɖe edzi hetua nu ɖe enu wònɔa dzo dzi ŋkeke geɖe.\nEsi wònye be Foiniketɔwo ɖu dukɔ geɖewo dzi ƒe alafa geɖe eye wolɔ̃a asitsatsa ta la, wokpɔ asi na Tirotɔwo ƒe amadede dzĩ la, eye esia wɔe be wote ŋu yi edzi nɔ eɖam hã. Woke ɖe nu siwo wozã le amadede sia wɔwɔ me la ŋu le Mediterranea-ƒua ƒe nutowo me yi ɖe keke ɣetoɖoƒe ɖaa le Cádiz, le Spain ke.\n^ mm. 8 Abɔbɔ siawo ƒe go ƒe didime nɔna abe sentimeta 5 va ɖo 8 ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140401\/%C3%A8nyaa\/","date":"2019-06-19T20:48:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999041.59\/warc\/CC-MAIN-20190619204313-20190619230313-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977318645,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977318644523621}","num_words":451,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ la de dzi ƒo na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, tadedeagu dzadzɛa 'li ke sesĩe, eye wòkɔ ta gbɔ towo ŋu' eye míele ame siwo tso dukɔwo katã me ƒo zi ɖe eŋu la dome. (Yes 2:2) Ðe nèdea ŋugble enuenu le mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nèva nya Yehowa hele esubɔm la ŋua?\nYAYRA SIWO TADEDEAGU DZADZƐA NANA MÍEKPƆNA:\n\"Mawu ƒe ŋutifafa\" doa ŋusẽ mí le xaxaɣiwo.—Flp 4:6, 7\nDzitsinya dzadzɛ su mía si.—2Ti 1:3\n'Tsi metoa mí kple Yehowa dome o.'—Ps 25:14\nMɔ kawo nue mate ŋu aɖee afia le be medea asixɔxɔ tadedeagu dzadzɛa ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept4-10\/asix%C9%94x%C9%94-tadedeagu-dzadz%C9%9Ba-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-26T12:05:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000306.84\/warc\/CC-MAIN-20190626114215-20190626140215-00429.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960468411,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960468411445618}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"22 \"Ŋutsuwo, nɔviwo kple fofowo, azɔ miɖo to ne maɖe ɖokuinye nu miase.\"+ 2 Esi wose be ele nu ƒom na wo le Hebrigbe me la, wogazi ɖoɖoe wu tsã, eye wògblɔ be: 3 \"Yudatɔe menye,+ wodzim le Tarso le Kilikia,+ gake du sia mee wofia num le, le Gamaliel+ ƒe afɔnu, eye wofia mía tɔgbuiwo ƒe Se+ lam tsitotsito, eye mesubɔ Mawu kple veviedodo abe ale si mi katã miele ewɔm egbe sia ene.+ 4 Meti ame siwo le Mɔ sia dzi la yome hedi woƒe ku gɔ̃ hã, eye meblaa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa hedea wo gaxɔ me,+ 5 abe ale si nunɔlagã la kple amegãwo katã ate ŋu aɖi ɖase le eŋu ene. Mexɔ agbalẽwo hã tso wo gbɔ na mia nɔvi siwo le Damasko, eye menɔ mɔ dzi yina be mabla ame siwo le afi ma la hã akplɔ ava Yerusalem, be woahe to na wo. 6 \"Ke esi mele mɔa dzi hegogo Damasko le ŋdɔ ga wuieve lɔƒo la, kasia kekeli aɖe si nu sẽ ŋutɔ la tso dziƒo klẽ ƒo xlãm,+ 7 medze anyi eye mese gbe aɖe wògblɔ nam be: 'Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?' 8 Meɖo eŋu be: 'Wò ame kae, Aƒetɔ?' Eye wògblɔ nam be, 'Nyee nye Yesu Nazaretetɔ la, ame si yome tim nèle la.' 9 Ame siwo le ŋunye la kpɔ kekeli la, gake womese ame si nɔ nu ƒom nam la ƒe gbe o. 10 Ale megblɔ be: 'Nu kae wòle be mawɔ, Aƒetɔ?' Eye Aƒetɔ la gblɔ nam be: 'Tso, nàyi Damasko, eye woagblɔ nu sia nu si meɖo be nàwɔ la na wò le afi ma.'+ 11 Ke esi nyemete ŋu nɔ naneke kpɔm o le kekeli la ƒe ŋutikɔkɔe ta la, ame siwo le ŋunye la lé nye alɔnu hafi mete ŋu va ɖo Damasko. 12 \"Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania, ame si vɔ̃a Mawu le Se la nu, si ŋu Yudatɔ siwo katã le afi ma la ƒo nu nyui le la, 13 va gbɔnye. Etɔ ɖe gbɔnye hegblɔ nam be: 'Nɔvi Saul, gakpɔ nu!' Enumake mefɔ mo dzi eye mekpɔe.+ 14 Egblɔ be: 'Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nàva nya yeƒe lɔlɔ̃nu, nàkpɔ dzɔdzɔetɔ la,+ eye nàse eƒe numegbe, 15 elabena ele be nànye eƒe ɖasefo le amewo katã ŋkume le nu siwo nèkpɔ hese la ŋu.+ 16 Azɔ nu ka tae nèle hehem ɖe megbe? Tso, na woanyrɔ wò, eye nàyɔ eƒe ŋkɔ+ la ne woaklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa.'+ 17 \"Ke esi metrɔ va Yerusalem,+ eye mele gbe dom ɖa le gbedoxɔa me la, mekpɔ ŋutega, 18 eye mekpɔe wòle gbɔgblɔm nam be: 'Netsɔ, do go le Yerusalem kaba, elabena womalɔ̃ ɖe ɖase si ɖim nèle le ŋunye la dzi o.'+ 19 Eye megblɔ be: 'Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae nyuie be, medea ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe heléa ame siwo xɔ dziwò se la dea gaxɔ me, eye meƒoa wo;+ 20 eye esi wonɔ wò ɖasefo Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ hã metɔ ɖe afi ma heda asi ɖe edzi, eye menɔ ame siwo wui la ƒe awudziwuiwo dzi kpɔm.'+ 21 Ke hã, egblɔ nam be, 'Heyi, elabena madɔ wò ɖe dukɔ siwo le didiƒe ʋĩi la gbɔ.' \"+ 22 Ke woɖo toe va se ɖe nya sia dzi, eye wodo ɣli gblɔ be: \"Mibu mo na ame sia, elabena medze anɔ agbe o!\" 23 Eye esi wole ɣli dom le woƒe awudziwuiwo dam hele ke hlẽm ɖe yame+ ta la, 24 aʋafiagã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo ayi asrafowo nɔƒea, eye wògblɔ be woaƒoe kple atam ne wòato nyateƒe, ne yeanya nu si tututu tae amehaa le ɣli dom ɖe Paulo ta nenema ɖo. 25 Ke esi wobla Paulo be woaƒo la, ebia asrafomegã si tɔ ɖe afi ma la be: \"Ðe se ɖe mɔ na mi be miaƒo ame si nye Romatɔ kple atam esime womebu fɔe oa?\"*+ 26 Ke esi asrafomegã la se nya sia la, eyi aʋafiagã la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: \"Nu kae nèɖo ɖe tame be yeawɔ? Romatɔe ŋutsu sia nye.\" 27 Eya ta aʋafiagã la te ɖe eŋu biae be: \"Gblɔe nam, Romatɔe nènyea?\" Eɖo eŋu be: \"Ɛ̃.\" 28 Aʋafiagã la gblɔ nɛ be: \"Ga gbogbo aɖee metsɔ ƒle dukɔmevinyenye sia.\" Paulo gblɔ be: \"Gake nye ya ɖe wodzim ɖe eme.\"+ 29 Eya ta ame siwo di be yewoawɔ fui ne yewoase eƒe numenya la dzo le egbɔ enumake; eye vɔvɔ̃ ɖo aʋafiagã la ŋutɔ, esi wòva nya be Romatɔe wònye hafi yede gae.+ 30 Eya ta esi ŋu ke, eye wòdi be yeanya nu si tututu ta Yudatɔwo le enu tsom ɖo la, ena woɖe gae, eye wòɖe gbe be nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin blibo la nakpe ta. Eye wòkplɔ Paulo va tɔ ɖe wo ŋkume.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"womedrɔ̃ ʋɔnui oa?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-30","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/22\/","date":"2019-07-17T22:26:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-30\/segments\/1563195525414.52\/warc\/CC-MAIN-20190717221901-20190718003901-00241.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992474318,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992474317550659}","num_words":769,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hi! Welcome everyone to my user page on the Ewe wikipedia. I don't speak this language but, if you have any question, please, go to my discussion's page. Thanks for your visit.\nPresentation\nWodzi amegbetɔwo katã ablɔɖeviwoe eye wodzena bubu kple gomekpɔkpɔ sɔsɔe. Susu kple dzitsinya le wo dometɔ ɖesiaɖe si eyata wodze be woanɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.\nAMEGBETƆ ƑE ABLƆƉEVINYENYE ŊU KPEƉOƉZINYA","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-35","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/User:Ewe","date":"2019-08-24T16:34:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-35\/segments\/1566027321160.93\/warc\/CC-MAIN-20190824152236-20190824174236-00147.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980404973,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998040497303009}","num_words":65,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.189,"stopwords_ratio":0.138,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Susu Le Nɔnɔmetɔtrɔ Nufiafia Mea?\nAMESIWO lé nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia me ɖe asi egbea gblɔna be nyateƒee wònye. Gake ɖe susu le woƒe kpeɖodzinya siwo wogblɔna zi geɖe la mea? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.\nSeda si nye ka si yiyiwo wɔnae nye ŋudɔwɔnu siwo ŋu ŋusẽ le wu kekeake si wonya dometɔ ɖeka. New Scientist gblɔ be \"woate ŋu ahe ka siawo dometɔ ɖesiaɖe wòadidi ɖe edzi alafa memama 40 eye ate ŋu anɔ te ɖe ŋusẽ [abe elektrikŋusẽ alo dzoxɔxɔ] nu zi gbɔ zi alafa ɖeka wu gakpo eye matso o.\" Aleke yiyi wɔa seda sia si le etɔxɛ lae? Encyclopædia Britannica ɖe eme be tsi kpekẽ aɖe si nye protein dona tsoa do suesue siwo le yiyi ƒe ŋutilã ŋu me, eye protein la me nuwo gbugbɔ ɖoa wo ɖokui ale be tsia va trɔna zua ka sesẽ aɖe.\nNew Scientist ƒo nya ta be: \"Yiyi la to asitɔtrɔlenuŋumɔnu siwo de ŋgɔ sasasã wu atikeŋutinunyala bibitɔ kekeake gɔ̃ hã vɛ.\" Ðe gɔmesese le eŋuti be yiyie to asitɔtrɔlenuŋumɔnu si de ŋgɔ ale gbegbe si gɔme amegbetɔ mese haɖe o vɛa?\nThe Wall Street Journal me nyati aɖe si Phillip E. Johnson si nye California Yunivɛsiti sefiala ŋlɔ gblɔ be kpeɖodzi aɖeke mele nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia ŋu o, ke hã edzidelawo ɖua fewu le amesiwo hea nya ɖe eŋu la ŋu kokoko. Nyatia gblɔ be: \"Womele kpeɖodzi kpɔm na nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia la kura o—ke hã emeléɖeasilawo melɔ̃na be woawɔ numedzodzro anukwaretɔe kple yewo o bene womagafɔ yewoƒe nukpɔsusuwo gɔme o.\"\nKpɔɖeŋu bubu si ɖee fia be susu mele nɔnɔmetɔtrɔ dzixɔxɔse me o la ku ɖe numiemiewo ŋu. London ƒe The Daily Telegraph gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo nɔ nu me kum le Morocco ke ɖe archaeopteris si nye blema nu kukuwo ƒe susɔewo dometɔ 150 ŋu, \"si nye esiwo ŋu woke ɖo siwo do ƒome kplikplikpli kple ati tseku gbãtɔwo wu, si wobu be enye ati akpa gãtɔ siwo li egbea ƒe blematɔ gbagbiagbãwo.\" Nyadzɔdzɔgbalẽ sia ƒe dzɔdzɔme ŋuti nuŋɔŋlɔmetola gblɔ be numiemie sia \"kpe asi ɖe asitɔtrɔ le egbe xexeame ŋu to aŋgbawo kple atilɔwo toto vɛ me.\" \"Be woato nane vɛ\" fia be \"woazã susu atsɔ awɔ nu yeyee.\" Ðe susu le eme be woagblɔ be numiemie te ŋu bu tame to nu vɛa?\nSalomo, si nye nunyala gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka, ɖo aɖaŋu na mí be 'míakpɔ míaƒe tamebubu ŋutete ta,' be míabu tame le mía ɖokui si. Tamebubu ŋutete ŋudɔwɔwɔ hiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe.—Lododowo 5:2.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000608\/%C3%90e-Susu-Le-N%C9%94n%C9%94met%C9%94tr%C9%94-Nufiafia-Mea\/","date":"2020-01-24T03:13:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250614880.58\/warc\/CC-MAIN-20200124011048-20200124040048-00390.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980111718,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980111718177795}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo?\nSrɔ̃ mele Mawu si ne wòadzi vi nɛ abe ale si wòle le amegbetɔwo gome ene o. Eyae nye nu gbagbewo katã Wɔla. Mawu wɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woaɖe yeƒe nɔnɔmewo afia. Esia tae woyɔ Adam, si nye amegbetɔ gbãtɔ si Mawu wɔ la, be \"Mawu ƒe vi\" ɖo. Nenema kee woyɔ Yesu hã be \"Mawu ƒe Vi\" le esi Mawu, si nye Fofoa, wɔe kple nɔnɔme siwo le abe etɔwo ene ta.—Xlẽ Luka 3:38; Yohanes 1:14, 49.\nƔekaɣie wowɔ Yesu?\nMawu wɔ Yesu hafi wɔ Adam. Le nyateƒe me la, esi Mawu wɔ Yesu vɔ la, eto Yesu dzi wɔ nu bubuwo katã, siwo dome mawudɔlawo hã le. Esia tae Biblia yɔ Yesu be Mawu ƒe \"nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi\" ɖo.—Xlẽ Kolosetɔwo 1:15, 16.\nHafi woadzi Yesu le Betlexem la, enye mawudɔla nɔ dziƒo. Esi ɣeyiɣia de la, Mawu tsɔ Yesu si nɔ dziƒo la ƒe agbe va de Maria ƒe vidzidɔ me ale be woate ŋu adzii wòanye amegbetɔ.—Xlẽ Luka 1:30-32; Yohanes 6:38; 8:23.\nNu ka tae Mawu na wodzi Yesu ɖe anyigba dzi wònye amegbetɔ? Dɔ vevi kae Yesu va wɔ? Àte ŋu akpɔ nyabiase mawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me, eye woakpe ɖe ŋuwò nàse nu si Mawu kple Yesu wɔ na wò la gɔme ahade asixɔxɔ geɖe wu eŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130301\/%C9%A3eka%C9%A3ie-wow%C9%94-yesu-mawu-%C6%92e-vi\/","date":"2020-01-21T18:40:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604849.31\/warc\/CC-MAIN-20200121162615-20200121191615-00120.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977962971,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977962970733643}","num_words":217,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA\nAtsu kple asi siwo ku ɖe wo nɔewo ŋu la bua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye nu si anɔ anyi ɖaa, eye esia nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ka ɖe edzi be ye nɔvi awɔ nuteƒe ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa gɔ̃ hã.\nEzu dzizizi na atsu kple asi aɖewo be woanɔ wo nɔewo gbɔ le nu si wo xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo agblɔ ta. Gake ne lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋu ye na woku ɖe wo nɔewo ŋu la, ema nyo wu kura.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: 'Srɔ̃ŋutsu nagagblẽ srɔ̃a ɖi o.'—1 Korintotɔwo 7:11.\n\"Ne srɔ̃tɔwo ku ɖe wo nɔewo ŋu eye ame ɖeka wɔ vodada la, wometsɔnɛ vevie o. Wotsɔnɛ kea wo nɔewo eye woɖea kuku kaba. Ne kuxiwo do mo ɖa la, wokpɔa egbɔ eye womebunɛ be enye nu si dzi yewoanɔ te ɖo agbe yewo nɔewo o.\"—Micah.\nNU SI TA WÒLE VEVIE\nNe kuxiwo ɖo atsu kple asi siwo meku ɖe wo nɔewo ŋu o dome la, zi geɖe la woƒoa nya ta be, 'Míesɔ na mía nɔewo o' eye wodia mɔ siwo dzi woato atso srɔ̃ɖeɖea me.\n\"Ame geɖe ɖea srɔ̃ eye wonɔa susu wɔm be ne srɔ̃ɖeɖea medze edzi o la, yewoaɖe ta le eme. Ne amewo ɖe srɔ̃ evɔ wole mɔ kpɔm be ne kuxi aɖe do mo ɖa la, yewoagbe yewo nɔewo la, ke efia be womeku ɖe wo nɔewo ŋu tso gɔmedzedzea o.\"—Jean.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nDO ÐOKUIWÒ KPƆ\nNe nyahehe aɖe ɖo mia dome la . . .\nÐe wòvaa susu me na wò be menye ame siae wòle be maɖe hafi oa?\nÐe wòdzroa wò be yeadzo ava ɖe ame bubua?\nÐe nègblɔa nyawo abe \"Madzo le gbɔwò\" alo \"Mayi ava di ame si akpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye\" enea?\nNe èɖo nya siawo dometɔ ɖeka alo esi wu ema ŋu be ɛ̃ la, ke ele be nàdo ŋusẽ wò kple srɔ̃wò dome kadodoa.\nWÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU\nÐe míaƒe kadodoa me gbɔdzɔa? Ne ŋuɖoɖoae nye ɛ̃ la, nu ka gbɔe wòtso?\nAfɔ kawoe míate ŋu aɖe fifia atsɔ ado ŋusẽ míaƒe kadodoa?\nAÐAŊUÐOÐOWO\nŊlɔ lɔlɔ̃nyawo na srɔ̃wò ɣeaɖewoɣi\nDa srɔ̃wò ƒe foto ɖe kplɔ̃ dzi le wò dɔwɔƒe\nƑo ka na srɔ̃wò ne èle dɔ me alo mèle aƒe me o\nBIBLIA ��E MƆFIAME: \"Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.\"—Mateo 19:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2018-jul-aug\/%C6%92omewo-kp%C9%94a-dzidzedze-kuku-%C9%96e\/","date":"2020-01-23T23:38:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250614086.44\/warc\/CC-MAIN-20200123221108-20200124010108-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999260962,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992609620094299}","num_words":400,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ède ŋugble le gbɔgbɔmenutowo kple ame siwo le afi ma ŋu kpɔa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖeɖe koe o. Ƒe akpe gbogbo aɖewoe nye esia si susu vovovowo le amewo si ku ɖe nya sia ŋu. Ame aɖewo xɔe se be tɔgbui kuku siwo ŋu wòle be woade bubui lae le gbɔgbɔ- menutowo me. Ame bubuwo hã susu be eyae nye dziƒo afi si dzidzɔ- kpɔkpɔ kple dziɖeɖi le, eye mawudɔlawo kple ame nyui siwo ku va yi lae le afi ma. Ame aɖewo hã bui be enye trɔ̃ akpeakpewo nɔƒe.\nAme aɖewo hã ʋlia nya be míate ŋu anya naneke tso gbɔgbɔmenutowo me ŋu o elabena ame aɖeke metso afi ma va gblɔ ale si nuwo le le teƒe ma na mí kpɔ o. Ke hã nuwo ŋu bubu alea mesɔ o. Elabena Yesu Kristo nɔ dziƒo le gbɔgbɔmenutowo me hafi va anyigba dzi. Egblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me kaŋ be: \"Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.\" Eya ta nu si teƒe Yesu ŋutɔ kpɔ la gblɔm wònɔ esi wògblɔ na eƒe apostoloawo be: \"Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li.\"—Yohanes 6:38; 14:2.\nYehowa Mawue nye Yesu Fofo eye Yehowa le dziƒo afi si ŋku mate ŋu akpɔ o. (Psalmo 83:18) Eya ta ame aɖeke mate ŋu aɖɔ ale si gbɔgbɔmenutowo me le na mí nyuie wu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo o. Woto ŋutega wɔnuku siwo woɖe fia nuteƒewɔlawo dzi na míenya nu geɖe tso gbɔgbɔmenutowo me ŋu.\nNyati si kplɔ esia ɖo la ƒo nu tso Biblia ƒe akpa siwo ɖɔ nu si amewo kpɔ le ŋutega aɖewo me la ŋu. Esi nèle ŋutega siawo ŋu nya xlẽm la, ɖo ŋku edzi be gbɔgbɔmenutowo me mele abe anyigba dzi afi si míate ŋu akpɔ nuwo kple ŋku ahaka asi wo ŋu le la ene o. Eya ta le esi teƒe be Mawu naɖe nuwo me na mí le mɔ si nu míate ŋu ase wo me le o nu la, ezã nu siwo ate ŋu ana míase nu siwo le gbɔgbɔmenutowo me la gɔme bɔbɔe. Ŋutega siawo akpe ɖe ŋuwò be nànya ame siwo le 'nɔƒe geɖe' siwo le gbɔgbɔmenutowo me la nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no6-2016-november\/gb%C9%94gb%C9%94menutowo\/","date":"2020-01-22T02:50:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606269.37\/warc\/CC-MAIN-20200122012204-20200122041204-00440.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986011386,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986011385917664}","num_words":373,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 29, 2014 va se ɖe February 1, 2015 la le tata sia me.\nKpeɖodzi ene aɖewo siwo ŋu kakaɖedzi le la ɖee fia be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Esi míenya be wofɔe ɖe tsitre la, dɔ kae wòle be esia nawɔ ɖe mía dzi?\nÐe Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia xexlẽ ti wò alo na nètɔtɔ kpɔa? Nya vevi siwo dze le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ dzadzɛ le wò mawusubɔsubɔ me.\nƑomedodo kae le Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ, míaƒe nu nyuitɔ tsɔtsɔ na Yehowa, kple gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ ɖuɖu dome?\nÐe Mawu bua ame siwo katã subɔnɛ le anukware me la be wonye yeƒe amewo, metsɔ le eme subɔsubɔha si me wole oa?\nAleke míawɔ anye \"Mawu ƒe dukɔ\" la me tɔwo ɖaa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20141115\/","date":"2020-01-17T22:39:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250591234.15\/warc\/CC-MAIN-20200117205732-20200117233732-00058.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994161129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994161128997803}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu\n'Ade Mía Dzi ne Míewɔ Wo'\nNufialagã Anatoly P. Zilber, si nye zimenɔla na Dɔléle Sesẽwo Gbɔkpɔƒe kple Amedealɔ̃meƒe le Petrozavodsk Yunivɛsiti kple Dukɔa ƒe Kɔdzi le Karelia, Russia, kafu Yehowa Ðasefowo gblɔ be: \"Womemua aha o, womenoa atama o, ga mebiãa ŋu na wo o, womegbea woƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ alo ɖia aʋatso ɖase o . . . Womenye vivime kɔmama o, ke boŋ wonye dukɔmevi sedziwɔlawo.\" Egblɔ kpee be: \"Bubu le [wo] ŋu, dzi dzɔa wo, eye wotsia dzi ɖe ŋutinya, agbalẽŋɔŋlɔ, nutata, kple agbe ƒe akpa vovovoawo ŋu.\" Emegbe esi nufialagã la gblɔ tɔtrɔ nyui siwo Ðasefoawo he vɛ le dɔwɔwɔname ʋumazamazãe me megbe la, egblɔ be: \"Ne míagblɔ Voltaire ƒe nyawo bubui la, míate ŋu agblɔ be ne ɖe Yehowa Ðasefowo meli o la, ɖeko míato mɔ aɖe dzi awɔ wo.\"\nAtsyɔ̃ɖoɖo Me Tsonu Yea?\nLondon ƒe The Times gblɔ be afɔkpa siwo gɔme tri kple afɔkpa kɔkɔ, \"siwo sɔhɛ siwo tsia dzi ɖe atsyɔ̃ɖoɖo ŋu lɔ̃a dodo\" hea nuveviwɔame siwo ade 10,000 vɛ le Britain ƒe sia ƒe. Steve Tyler, si nye Britaintɔwo ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔha ƒe nyanuɖela gblɔ be: \"Nuvevi siwo wɔa ame wue nye tɔtɔ si vaa afɔkɔe ŋu kple afɔ ŋeŋe, gake afɔkpa siawo ate ŋu ana dzime dɔlélewo hã, vevietɔ le nyɔnuvi sue siwo ƒe ametia kpɔtɔ le tɔtrɔm gome.\" Le Japan la, afɔkpa siwo gɔme tri na nyɔnu eve ku le dzinu siwo va yi nyitsɔ laa me gɔ̃ hã. Le nudzɔdzɔ ɖeka me la, abɔdzokpo dɔwɔla si xɔ ƒe 25, si do afɔkpa si gɔme tri ade sentimita 125 la ɖiɖi dze anyi hegba ta, eye emegbe wòku. Ðetugbi aɖe hã ku esime ʋu si me wònɔ la va lɔ kɔnkreti-ti aɖe le esi ʋukula la mete ŋu tɔ ʋua kaba o le afɔkpa si gɔme tri sentimita 150 si wòdo ta. Be amewo nagahe afɔkpawɔlawo yi ʋɔnui o la, wo dometɔ aɖewo dze nuxlɔ̃amenyawo kaklã ɖe woƒe afɔkpawo ŋu.\nAƒemedɔ Siwo Ðeviwo Awɔ\nThe Toronto Star ka nya ta be \"dzila geɖe siwo li egbea siwo ɣeyiɣi mesuna o metsia dzi be yewoana dɔ yewo viwo woawɔ le aƒeme o.\" Jane Nelsen, si ŋlɔ agbalẽ si nye Positive Discipline gblɔ be togbɔ be aƒemedɔwo \"manye nu vevitɔ kekeake na ɖeviwo o hã la, ena wokana ɖe wo ɖokui dzi hedea asixɔxɔ wo ɖokui ŋu.\" Numekuku aɖe si dze le magazine si nye Child me gblɔ be aƒemedɔ aɖewo siwo woana ɖevi siwo xɔ ƒe eve va ɖo etɔ̃ ate ŋu anye fefenuwo fɔfɔ ada ɖe wo nɔƒe kple awu ƒoɖiwo dada ɖe nu ƒoɖiwo daɖoƒe. Ðevi siwo xɔ ƒe etɔ̃ va ɖo atɔ̃ ate ŋu aɖo kplɔ̃, afɔ nuɖugbawo yi nuklɔƒe eye woakplɔ afisi wofe le. Amesiwo xɔ tso ƒe 5 va ɖo 9 ate ŋu aɖo woa ŋutɔ ƒe aba, afɔ gbeɖuɖɔwo, aho gbewo, eye esiwo xɔ ƒe 9 va ɖo 12 ate ŋu awɔ dɔwo abe nuɖugbawo kɔklɔ atutu wo ŋu, gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe, sɔgbewo ƒoƒo, kple nu kpɔkplɔ ene. Nelsen gblɔ kpee be \"eɖea vi be nàɖo ɣeyiɣi si wòle be woawu dɔa nu.\"\nSɔhɛwo Kple Nuvlowɔwɔ\nNumekuku aɖe si Scotland Dziɖuɖua wɔ ɖee fia be le Scotland la, ŋutsuvi 85 le alafa me kple nyɔnuvi 67 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 14 va ɖo 15 gblɔ be yewo wɔ nu vlo le ƒe si va yi me. Glasgow ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Herald ka nya ta be le sukuvi 1,000 siwo wobia gbee tso suku vovovo ade me la, wo dometɔ 12 le alafa me koe gblɔ be yewo mewɔ nu vlo aɖeke kpɔ o. Le nu vlo siwo wowɔ dome la, ŋutsuviawo dometɔ 69 le alafa me kple nyɔnuviawo dometɔ 56 le alafa me gblẽ nunɔamesiwo dome. Ŋutsuvi 66 le alafa me kple nyɔnuvi 53 le alafa me fi nuwo le fiasewo me, eye wo dometɔ afã kloe fi nuwo le suku. Nu vlo bubu siwo wowɔe nye dzotɔtɔ amewo ƒe nunɔamesiwo kple avuwɔnuwo tsɔtsɔ wɔ nu vevi amewoe. Sɔhɛ siwo xɔ ƒe siawo gblɔ be nusi koŋ na yewowɔ nu vlo mawoe nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, eye le amesiwo xɔ wu ƒe 15 gome la, anɔ eme be nusi ta koŋue nye be woakpɔ ga atsɔ aƒle atikemuame si zazã va zu numame na woe.\nSukuvi Dzeaglãwo\nTso blema ke la, ƒewuiviwo ƒe aglãdzedze mebɔ le Japan o. Gake sukunufiala siwo katã le Japan ka nya ta be eva le sesẽm ɖe dzi be woana woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu le sukuxɔwo me le sukuviwo ƒe momadzeanyi kple aglãdzenuwɔnawo ta. Tokyo dugãa ƒe dziɖulawo bia gbe sukuvi siwo xɔ ƒe 9, 11, kple 14 be woanya alesi wosena le wo ɖokui me ɖe ame bubuwo ŋu. Le The Daily Yomiuri ƒe nya nu la, wo dometɔ 65 le alafa me gblɔ be yewo xɔlɔ̃wo ƒe nya ti yewo, 60 le alafa me gblɔ be yewo dzilawo ƒe nya ti yewo, eye 50 le alafa me gblɔ be yewoƒe nufialawo ƒe nya ti yewo. Wo dometɔ 40 le alafa me gblɔ be yewomete ŋu ɖua yewoƒe dziku dzi o. Sukuvi 1 le 5 ɖesiaɖe me gblɔ be ne yewo do dziku la, yewo gbaa nuwo.\n\"Dɔlekui Manyatalenu Aɖe\"\nNew Scientist ka nya ta be: \"Dɔlékui manyatalenu aɖe le ʋu siwo woɖe le amewo ŋu la me ɖom le xexeame katã. Ame aɖeke menya ne dɔlékui sia si woyɔna be 'TT' gblẽa nu o, gake wole vɔvɔ̃m be ate ŋu ana aklãdɔléle.\" Wotsɔ ŋkɔ na dɔlékuia be TT, si nye ŋɔŋlɔdzesi siwo dze Japantɔ si ƒe ʋu me wokpɔ dɔlékuia le zi gbãtɔ la ƒe ŋkɔwo gɔme, eye wokpɔe le \"ʋunalawo kple dɔnɔ siwo ŋu aklãdɔléle le siwo wodo ʋu na la siaa ŋu.\" Numekuku si wowɔ ɖee fia be dɔlékuia le ame 102 siwo na ʋu le California la dometɔ 8 ŋu, eye wonye amesiwo dodokpɔ ɖee fia be dɔlékui, siwo ƒe ɖee nye HIV kple aklãdɔlelé siwo nye hepatitis B kple C mele woƒe ʋu me o. Wobu akɔnta be amesiwo xɔnɛ ƒe agbɔsɔsɔme anɔ ame 2 le alafa me le Britain, ame 4 va ɖo 6 le alafa me le France, ame 8 va ɖo 10 le alafa me le United States, ame 13 le alafa me le Japan. Nyatia gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le \"nu srɔ̃m tso TT ŋu le xexeame katã di be yewoaɖɔ ŋu ɖo be woagade vɔvɔ̃ lãme na amewo o,\" ke boŋ wodi be \"yewoaku nu me akpɔ nenye be dɔlékuia gblẽa nu le lãmesẽ ŋu.\"\nKɔmega si Xɔa Lãwo Ðe Agbe\nEva dzɔ be lãnyilawo ƒe lãwo ƒe vi siwo amegãxiwo léna le South Africa ƒe nuto aɖewo me ƒe sia ƒe la ƒe agbɔsɔsɔ gogo alafa memama 40 vɔ. Menye ɖeko esia gblẽa nu le amewo ŋu le ganyawo gome o ke ena amegãxiwo dzi ɖe edzi hã. Agbagba siwo wodze be woatsrɔ̃ amegãxiawo medze edzi o, eye wògblẽ nu le lã wɔadã bubuwo ŋu gɔ̃ hã. Gake wodze aɖaŋu hewɔ egbɔkpɔnu nyui aɖe le nyitsɔ laa ƒewo me. Enye kɔmega aɖe si woxa gobaa si dede mesẽ akpa o eye woate ŋu azãe le mɔ bubu nu, eye alẽawo te ŋu tsana kplii evɔ mewɔa nuvevi amegãxi la hã o. Ðeko wòxea mɔ na amegãxi la be wòagalé alẽa awui o. Le Natal Witness nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe nya nu la, lãnyila siwo zã kɔmegaawo \"ka nya ta be amegãxiawo dzudzɔ alẽawo wuwu kura enumake.\" Eye esi wònye nugbagbewo abe nudzodzoewo, lã suewo abe afiwo ene, kple lã kuku siwo amegãxiawo ɖuna xoxoxo koe wova ɖuna ta la, woƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.\nƲaʋã Ðuatiwo\nNational Geographic ka nya ta be ʋaʋã ƒomevi aɖe li si ƒe ŋutinu si me wòɖaa azi toe nye \"esi me tomenu sesẽ siwo nye manganese alo zinc le si wɔe be wòsẽ.\" Ʋaʋã ƒomevi sia zãa eƒe tsyo tsɔ ɖea do ɖe ati me eye wòɖaa aziawo ɖe nudzodzoe siwo ɖua ati ƒe ŋɔvi siwo le atia me dzi alo ɖe wo ŋu. Donald Quicke, si le Britain Dukɔa ƒe Kɔledzi gblɔ be: \"Wo dometɔ aɖewo te ŋu ɖea do ɖe ati siwo sẽ me wòdea sentimeta 7.6.\" Ne ʋaʋã ƒe aziawo ƒo vi la, woɖua atiɖuŋɔvi siawo eye wozãa woƒe nu ƒe akpa siwo tomenu siwo wokpɔ tso ŋɔviawo ɖuɖu me na wòsẽ la tsɔ ɖua atia hedoa goe.\nIndia ƒe \"Ŋkubiãnya si Mele Nyanya O\"\nThe Times of India ka nya ta be \"togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyiwo le lãmesẽnyawo gome eye nu le edzi dzem na amewo wu le ƒe ʋɛ siwo va yi me hã la, nunyuimakpɔɖui kpɔtɔ nye 'ŋkubiãnya si mele nyanya o' le India.\" Ga si India buna le lãmesẽnyawo kple dɔmawɔmawɔ gome le nunyuimakpɔɖui ta la wu dɔlar miliɔn 230. Le nyatakakaa nu la, ɖevi siwo le India siwo mexɔ ƒe ene haɖe o dometɔ siwo wu 50 le alafa me mekpɔa nu nyui ɖuna o, vidzĩ siwo wodzina dometɔ 30 le alafa me \"ƒe kpekpeme medea alesi wòdze be wòanɔ kura o,\" eye ʋu mele lãme na nyɔnuawo dometɔ 60 le alafa me o. Meera Chatterjee, si nye hadomeŋgɔyiyiwɔwɔ ŋuti nunyala bibi le Xexeame ƒe Gadzraɖoƒe Gã gblɔ be \"menye ɖeko nunyuimakpɔɖui gblẽa amewo kple ƒomewo ƒe agbe dome o ke enaa ga si wogblẽ ɖe sukudede ŋu hã meɖea vi o eye wòna womewɔa ŋgɔyiyi le hadome kple ganyawo gome hã o.\"\nDzi Medzɔa Nunɔlawo Oa?\nZi etɔ̃ le ƒe ade siwo va yi me la, wowɔ numekuku aɖe le France, ku ɖe nukpɔsusu si le amewo si le nunɔlawo ŋu la ŋuti. Abe alesi wotae ɖe Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Croix me ene la, numekuku yeyetɔ kekeake si wowɔ ɖee fia be Fransetɔ 45 le alafa me mebua nunɔlawo be dzi dzɔa wo alo woƒe dzi dzea eme o. Amewo gabua nunɔla be elɔ̃a ame eye wòɖoa to. Gake nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be \"Fransetɔ geɖe va le wo bum be womehiã le hadome o\" eye ame 56 le alafa me koe bunɛ be enye \"Mawu ƒe ɖasefo le anyigba dzi.\" Dukɔa me tɔ siwo mede 1 le 3 ɖesiaɖe me o kple sɔlemedela 51 le alafa me koe gblɔ be yewoade dzi ƒo na yewo viŋutsu alo ƒometɔ be wòava zu nunɔla.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000608\/%C5%8Akul%C3%A9le-%C3%90e-Xexeame-%C5%8Au\/","date":"2020-01-22T08:36:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606872.19\/warc\/CC-MAIN-20200122071919-20200122100919-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993069172,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993069171905518}","num_words":1642,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea\nMenye subɔsubɔnyawo ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso nu ŋutɔŋutɔ siwo aɖe vi na mí le agbe me hã ŋu. Ðewoe nye:\nLãmesẽmenɔnɔ\nMíaƒe seselelãmewo\nƑomegbenɔnɔ kple xɔlɔ̃wo\nGazazã\nMawusubɔsubɔ\nAgbalẽ Si Kpe Ðe Amewo Ŋu Wu Le Ŋutinya Me\nƑe geɖee nye esia Biblia le kpekpem ɖe amewo ŋu woƒe agbe va le nyonyom ɖe edzi wu. Egbea, Biblia le gbegbɔgblɔ akpe geɖe me. Kpɔe ɖa be aleke eƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le ate ŋu aɖe vi na wòe hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2019-nov-dec\/tata-sia-biblia-w%C3%B2-agbe-nanyo-wua\/","date":"2020-01-28T01:56:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251737572.61\/warc\/CC-MAIN-20200127235617-20200128025617-00300.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986488223,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986488223075867}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae ʋãa amewo wodina be yewonya ne Wɔla aɖe li?\nƑe 3,000 aɖewoe nye esia hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: \"Meda akpe na wò le ale si wowɔm nukutɔe la ta.\" (Psalmo 139:14) Ne ède ŋugble tso ale si ʋukɔe sue aɖe tsina va zua vidzĩ ŋu la, ɖe esia mewɔa ŋku na wò ŋutɔa oa? Ame geɖe daa akpe na Wɔlaa ɖe ale si wòwɔ nu gbagbewoe la ta.\nLãwo mee míedzɔ tsoa?\nMíaƒe ŋutinuwo de sɔsɔ ge kple lãwo tɔ le mɔ geɖe nu. Gake esi wònye be ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa be woanɔ agbe le anyigba dzi tae wòwɔ wo nenema ɖo. Menye lã aɖeke mee Mawu ɖe ame gbãtɔ la tsoe o, ke boŋ anyi ye wòtsɔ mèe.\nAmegbetɔwo to vovo na lãwo le mɔ ɖedzesi eve nu. Gbã la, nunya le amegbetɔwo si, eye ŋutete hã le wo si be woalɔ̃ wo Wɔla la ahade bubu eŋu. Eveliae nye be wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee, gake womewɔ lãwo ya nenema o. Gake nu si ta amegbetɔwo katã kuna fifiae nye be míenyi ku ƒe dome tso ame gbãtɔ si gbe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi wɔwɔ la gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150101\/life\/","date":"2020-01-25T03:09:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250628549.43\/warc\/CC-MAIN-20200125011232-20200125040232-00264.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991933703,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991933703422546}","num_words":194,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènya fiaɖuƒe si ŋu míele nu ƒom tsoea?— Nyateƒee, eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Enye Fiaɖuƒe si ana anyigba nazu paradiso. Àdi be yeanya nu geɖe tso Fiaɖuƒe sia ŋua?—\nFia nɔa Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe nu. Eye fia la ɖua fia ɖe ame siwo le eƒe dukɔa me la dzi. Ènya ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia?— Yesu Kristoe. Ele dziƒo. Eteƒe madidi o aɖu fia ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi! Èsusu be dzi adzɔ mí ne Yesu va le anyigba bliboa katã dzi ɖuma?—\nNu kawoe nàdi be yeakpɔ le Paradisoa me?\nDzi adzɔ mí ŋutɔ! Le paradisoa me la, amewo magada kɔ kple wo nɔewo o. Amewo magawɔ aʋa o. Ame sia ame alɔ̃ nɔvia. Ame aɖeke magadze dɔ alo aku o. Ame siwo ƒe ŋku gbã la akpɔ nu, ame siwo ƒe to ku la hã ase nu, eye ame siwo metea ŋu zɔna o la aƒu du ahati kpo. Nuɖuɖu asɔ gbɔ ɖe ame sia ame si. Eye lãwo afe kple wo nɔewo eye woanye mí amegbetɔwo ƒe xɔlɔ̃wo. Ame siwo ku la agbɔ agbe. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋuti nèsrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ gbadza sia me la hã agbɔ agbe! Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Rebeka, Raxab, David kple Eliya. Ðe nèdi be yeakpɔ wo ne wogbɔ agbea?—\nYehowa lɔ̃ wò eye wòdi be dzi nadzɔ wò. Ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye nèɖoa toe la, àte ŋu anɔ paradiso si nya kpɔ ŋutɔ la me tegbee! Ðe esia medzro wò oa?—","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/fia%C9%96u%C6%92e-si-a%C9%96u-anyigba-blibo-la-dzi\/","date":"2020-01-21T09:41:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601628.36\/warc\/CC-MAIN-20200121074002-20200121103002-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985567927,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985567927360535}","num_words":253,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si Kristotɔ gbãtɔwo wɔna le woƒe kpekpewo mee nye be, wodzia ha, doa gbe ɖa, eye woxlẽa Ŋɔŋlɔawo hedzroa wo me—womewɔa kɔnu nyanyɛ aɖeke o. (1 Korintotɔwo 14:26) Aleae míawo hã míewɔa míaƒe kpekpewoe.\nBiblia dzie míetua míaƒe nufiafiawo ɖo, eye wosɔ na agbenɔnɔ. Hame ɖe sia ɖe kpena le kwasiɖanuwuwuwo hesea miniti 30 ƒe Biblia me nuƒo, si fiaa ale si míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzii le agbe me kple ale si emenyawo le eme vam le míaƒe ŋkekea mee la mí. Kpekpea valawo kea woƒe Bibliawo nɔa edzi kpɔm ne nuƒolaa yɔ mawunyakpukpui aɖe hele exlẽm. Le dutoƒonuƒoa megbe la, míewɔa \"Gbetakpɔxɔ\" Nusɔsrɔ̃ gaƒoƒo ɖeka, eye wonaa mɔnukpɔkpɔ kpekpea valawo be woakpɔ gome le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la ƒe biabiawo ŋu ɖoɖo me. Numedzodzro siawo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le agbe me. Nyati ɖeka ma kee míesrɔ̃na le míaƒe hame siwo wu 110,000 siwo le xexea me godoo la me.\nEkpena ɖe mía ŋu be míanye nufiala nyuiwo. Míegakpena fiẽ aɖe le kwasiɖaa me hena kpekpe si woma ɖe akpa etɔ̃ me, si míeyɔna be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ. Agbalẽ si wotana ɣleti sia ɣleti si ƒe tanyae nye Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ ye míezãna le kpekpea me. Kpekpea ƒe akpa gbãtɔ, si nye Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nya La Me, kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa aɖe si hamea xlẽ do ŋgɔ hafi va la gɔme ɖe edzi. Esi kplɔnɛ ɖoe nye Na Wò Subɔsubɔdɔa Nanyo Ðe Edzi; enye ale si míadzro Biblia me kple amewo la ƒe wɔwɔfiawo. Aɖaŋuɖola aɖe gblɔa nu siwo wòle be míawɔ be míagabi ɖe edzi le nuxexlẽ kple nufiafia me la na mí. (1 Timoteo 4:13) Akpa mamlɛtɔ, si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ, la kuna ɖe ale si míawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe ŋu. Eƒe akpa aɖe nyea biabiawo kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia gɔme nyuie.\nNu kawoe nàkpɔ mɔ be yeasrɔ̃ ne ède Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo?\nKpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ kae nàdi be yeade fifia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/yehowa-%C9%96asefowo-%C6%92e-kpekpewo\/","date":"2020-01-22T05:41:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606696.26\/warc\/CC-MAIN-20200122042145-20200122071145-00438.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983580112,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983580112457275}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu\n'Mikpɔ Ða! Ameha Gã la Enye Esi!'\nENYE nyabiabia aɖe si nɔ tame blum na Yehowa subɔlawo ƒe bla nanewo. Wodze agbagba ɖesiaɖe ɣeyiɣi didi aɖe be woadi eƒe ŋuɖoɖo le Ŋɔŋlɔawo me. Nya ma na wowɔ numedzodzro geɖe ŋutɔ. Gake wova ke ɖe Biblia me ŋuɖoɖoa ŋu, eye ede dzo yeye nyasela siwo nɔ takpekpe aɖe si wowɔ le Washington, D.C., le ƒe 1935 me la me.\nNyabiase nyanyɛ aɖee he numedzodzroa vɛ: Amekawoe nye \"ameha gã\" si ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9? Ðe xɔsetɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia anɔ dziƒoa?\nBiabia sia Fɔ Ðe Te Ɣeyiɣi Didi Aɖe\nTso apostolo Yohanes ŋɔli va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me la, esesẽ na Kristotɔwo be woanya amesiwo \"ameha gã\" la nye. Biblia Nusrɔ̃viwo bu amesiawo be wonye dziƒoyilawo ƒe hatsotso si bɔbɔ ɖe anyi wu, be wonye ƒuƒoƒo si me tɔwo se Biblia me nyateƒea gɔme gake wɔ dɔ ʋɛ aɖe ko le gbeƒãɖeɖe tso eŋu me.\nGake Kristotɔ amesiaminawo ƒe zɔhɛ aɖewo nɔ anyi siwo va tsɔ ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe ale gbegbe. Dziƒoyiyi ƒe didi sẽŋu aɖeke menɔ amesiawo me o. Le nyateƒe me la, woƒe didi wɔ ɖeka kple dutoƒonuƒo aɖe si Yehowa ƒe amewo ƒo tso ƒe 1918 vaseɖe 1922 me si ƒe tanyae nye \"Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.\" Woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ayra amesiawo dometɔ ɖesiaɖee.\nOctober 15, 1923, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ dzro Yesu ƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti me eye wògblɔ be: \"Alẽwo tsi tre ɖi na dukɔwo me tɔwo, siwo womedzi kple gbɔgbɔ kɔkɔe o gake wolɔ̃a dzɔdzɔenyenye, amesiwo xɔ Yesu Kristo dzi se le woƒe dzi me be enye Aƒetɔ eye wole mɔ kpɔm na nɔnɔme nyui siwo eƒe dziɖuɖua ahe vɛ.\"—Mateo 25:31-46.\nKekelia me Gakɔ ɖe Edzi\nLe ƒe 1931 me la, Vindication ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzro Xezekiel ta 9 me heɖee fia be amesiwo ƒe ŋgonu wode dzesii be woatsi agbe le xexeame ƒe nuwuwu lae nye alẽawo le Yesu ƒe lododoa me. Vindication ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia (si wota le 1932 me), ƒo nu tso dzi dzɔdzɔe si nɔ Yonadab si menye Israel-vi o, amesi ɖo Israel-fia Yehu si wosi ami na ƒe tasiaɖam la heyi kplii ɖakpɔ Yehu ƒe veviedodo le alakpamawusubɔlawo tsɔtsrɔ̃ me teƒe si la ŋu. (Fiawo II, 10:15-28) Agbalẽa gblɔ be: \"Yonadab tsi tre ɖi na, alo nye vɔvɔli na, amewo ƒe hatsotso si le anyigba dzi fifia, siwo mewɔ ɖeka kple Satana ƒe habɔbɔa o, amesiwo le dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi, eye wonye amesiwo Aƒetɔ la axɔ ɖe agbe ne Harmagedon va, eye wòakplɔ wo to xaxa ma me ahana agbe mavɔ wo le anyigba dzi la. Amesiawoe nye 'alẽwo' ƒe ha la.\"\nLe ƒe 1934 me la, Gbetakpɔxɔ kɔ eme kɔte be ele be Kristotɔ siawo siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la naɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ. Kekelia me nɔ kɔkɔm ɖe edzi le amesiwo anyigba dzi habɔbɔ sia nye la ŋu.—Lododowo 4:18.\nGɔmesese ƒe Kekeli Gã Aɖe\nƔeyiɣia de azɔ be gɔmesese si le Nyaɖeɖefia 7:9-17 ŋu nadze eme nakɔ keŋkeŋ. (Psalmo 97:11) Gbetakpɔxɔ la gblɔ be yewonɔ mɔ kpɔm be takpekpe si woɖo be woawɔ le May 30 vaseɖe June 3, 1935, le Washington, D.C., U.S.A., la anye \"akɔfafa ŋutɔŋutɔ kple viɖe gã aɖe\" na amesiwo Yonadab tsi tre ɖi na la. Eye nenema tututue wòva emee!\nLe nuƒo ʋãme si ku ɖe \"Ameha Gã La\" ŋu si J. F. Rutherford ƒo na takpekpevala siwo ade 20,000 me la, eɖe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si fia be egbegbe 'alẽ bubuawo' kee nye Nyaɖeɖefia 7:9 me \"ameha gã\" la ɖe go. (Yohanes 10:16) Le nuƒo sia ƒe nuwuwu la, nuƒola la bia be: \"Taflatse amesiwo katã si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la natsi tre.\" Esi nyaselawo dometɔ geɖe tsi tre la, Rutherford gblɔ be: \"Mikpɔ ɖa! Ameha gã la enye esi!\" Ðoɖoe zi toŋtoŋ, eye azɔ wodo aseyetsoɣli sesĩe. Eƒe ŋufɔke la, Yehowa ƒe Ðasefo 840 yeyewo xɔ nyɔnyrɔ, eye amesiawo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be ameha gã la me tɔwoe yewonye.\nDodo Ðedzesi Aɖe\nDo ŋgɔ na ƒe 1935 la, ame agbɔsɔsɔme si nɔ dzidzim ɖe edzi siwo xɔ Biblia ƒe gbedasia eye wotsɔ dzonɔameme wɔ ɖaseɖiɖidɔae ɖee fia be enye yewoƒe didi be yewoanɔ agbe tegbee le Paradisonyigba dzi. Dziƒoyiyi medzro wo o, elabena Mawu mena dziƒogbenɔnɔ mɔkpɔkpɔ ma wo o. Wo ɖokui ɖeɖefia le ƒe 1935 me be yewonye alẽ bubuawo ƒe ameha gã la ɖee fia be Kristotɔ amesiamina 144,000 la tiatia wu enu vɔ keŋkeŋ kloe.—Nyaɖeɖefia 7:4.\nEsi Xexemeʋa II fe ati la, Satana Abosam dze agbagba vevie be yeatsi ameha gã la nuƒoƒoƒu nu. Woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu le dukɔ geɖewo me. J. F. Rutherford gblɔ le ɣeyiɣi doblukɔ mawo me, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku le January 1942 me be: \"Ðeko wòwɔ abe ɖe ameha gã la megbɔna agbɔ sɔ ge boo o ene.\"\nGake Mawu ƒe yayra na be nusi to vovo na ema va dzɔ. Esi amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo 'nɔ tsitre bliboe eye wokpɔ kakaɖedzi sẽŋu' ta la, wote ŋu yi edzi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa wɔm. (Kolosetɔwo 4:12; Mateo 24:14; 28:19, 20) Va ɖo ƒe 1946 me la, Yehowa Ðasefo siwo nɔ gbeƒã ɖem le xexeame katã la ɖo ame 176,456—woƒe akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo. Le ƒe 2000 me la, Ðasefo siwo sɔ gbɔ wu 6,000,000 ye nɔ Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le dukɔ 235 me—wonye ameha gã aɖe vavã! Eye dzidzim ɖe edzi koe wole.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010515\/Mikp%C9%94-%C3%90a-Ameha-G%C3%A3-la-Enye-Esi\/","date":"2020-01-25T00:03:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250626449.79\/warc\/CC-MAIN-20200124221147-20200125010147-00262.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991853833,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991853833198547}","num_words":895,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yometiti Na Wokpɔ Dzidziɖedzi le Antioxia\nESI Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yometiti nu va sẽ ɖe edzi le Stefano ƒe xɔsetaku megbe la, wo dometɔ geɖe si yi Yerusalem. Teƒe siwo wosi yi dometɔ ɖekae nye Antioxia, le Siria, si le dziehe gome eye egbɔ didi kilometa 550. (Dɔwɔwɔwo 11:19) Nusiwo va dzɔ le afima emegbe kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe ŋutinya bliboa katã dzi. Be míate ŋu ase nusi dzɔ gɔme la, anyo be míanya nu sue aɖe tso Antioxia ŋu.\nNe míaƒo nu tso Roma Fiaɖuƒea me dugãwo, woƒe lolome, dzidzedzekpɔkpɔ, kple vevienyenye ŋu la, Roma kple Alexandria koe ƒo Antioxia ta. Siria dugã sia kpɔ ŋusẽ ɖe Mediterranea ƒe dzieheɣedzeƒe kpa dzi. Antioxia (si woyɔna egbea be Antakya, le Turkey) nɔ Orontes Tɔsisi si dzi tɔdziʋuwo te ŋu tona yia eƒe melidzeƒe, si nye Seleukia Pieria, si gbɔ didi kilometa 32 la to. Ekpɔ ŋusẽ ɖe asimɔ veviawo dometɔ ɖeka si to Roma kple Tigris kpakple Frat Balia me la dzi. Esi wònye asitsaƒe xɔŋkɔ aɖe ta la, etsa asi kple fiaɖuƒe bliboa eye ame ƒomevi ɖesiaɖe tsɔa subɔsubɔhawo ŋu nyawo tsoa Roma fiaɖuƒea ƒe akpa sia akpa vaa emee.\nHelatɔwo ƒe subɔsubɔ kple xexemenunya de dzi le Antioxia. Gake ŋutinyaŋlɔla Glanville Downey gblɔ be: \"Le Kristo ŋɔli la, le esi amewo nɔ subɔsubɔ si akpɔ ta na woƒe kuxiwo eye wòana woƒe mɔkpɔkpɔwo nava eme dim ta la, vivimeha xoxoawo me nɔnɔ kple xexemenunyawo dzi xɔxɔ se va kpo ɖe ame ŋutɔ gbɔ.\" (A History of Antioch in Syria) Yuda-subɔsubɔ ƒe mawuɖekasubɔsubɔ, kɔnuwɔwɔwo, kple eƒe gɔmeɖosewo dze ame geɖe ŋu.\nYudatɔwo ƒe hatsotso gã aɖe nɔ Antioxia tso esime wotso dua le ƒe 300 D.M.Ŋ. me. Wobu akɔnta be woanɔ ame 20,000 vaseɖe 60,000, si nye dua me nɔlawo ƒe alafa memama 10 kple edzivɔ. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Seleukia ƒiaƒomea me fiawoe de dzi ƒo na Yudatɔwo be woava nɔ dua me, eye wona dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi wo. Le ɣeyiɣi ma me la, Hebri Ŋɔŋlɔawo nɔ Helagbe me. Esia de dzo amesiwo nɔ mɔ kpɔm na Yudatɔwo ƒe Mesia la me. Le esia ta la, wowɔ trɔ̃subɔla geɖe wozu Yudatɔwo le Helatɔwo dome. Esiawo katã wɔe be Antioxia zu afisi woate ŋu awɔ Kristotɔ nusrɔ̃lawo le.\nGbeƒãɖeɖe na Trɔ̃subɔlawo\nYesu yomedzela siwo yome woti eye woka hlẽ tso Yerusalem dometɔ akpa gãtɔ ƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na Yudatɔwo ɖeɖeko. Gake le Antioxia la, nusrɔ̃la siwo tso Kipro kple Kirene la ƒo nu na \"Helatɔwo.\" (Dɔwɔwɔwo 11:20) Togbɔ be wonɔa gbeƒã ɖem na Yudatɔ Helagbedolawo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi ke hã la, edze abe ɖe gbeƒãɖeɖe le Antioxia nye nu yeye ene. Menye Yudatɔwo ɖeɖekoe woɖe gbeƒã na o. Le nyateƒe me la, Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ Kornelio kple eƒe ƒomea zu nusrɔ̃lawo xoxo. Gake ŋutegae tso Yehowa gbɔ hafi apostolo Petro te ŋu xɔe se be esɔ be woaɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔlawo, alo dukɔ bubu me tɔwo.—Dɔwɔwɔwo 10:1-48.\nLe du si me Yudatɔwo ƒe nuto gãwo le ɣeyiɣi didi aɖe eye dzre gã aɖeke menɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome o me la, wonɔ gbeƒã ɖem na amesiwo menye Yudatɔwo o ale be wonɔ nyanyuia xɔm. Edze ƒã be nɔnɔme si sɔ be woakpɔ dzidzedze alea nɔ Antioxia, eye 'ame geɖewo zu xɔsetɔwo.' (Dɔwɔwɔwo 11:21) Eye ne trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siawo va zu Kristotɔwo la, wosua te be woate ŋu aɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo gakpɔtɔ le trɔ̃wo subɔm.\nEsi hame si le Yerusalem se dzidziɖedzi si kpɔm wonɔ le Antioxia ŋu nya la, wodɔ Barnaba ɖa be wòaɖa ku eme. Tiatia ma nye esi me nunya kple lɔlɔ̃ nɔ. Enye Kiprotɔ, abe alesi wòle le amesiwo dze gbeƒãɖeɖe na amesiwo menye Yudatɔ o la gome ene. Barnaba anya ɖe dzi ɖi le Trɔ̃subɔla siwo nɔ Antioxia la dome. Woawo hã anya bu eyama be etso nuto ɖeka me kpli yewo. * Ate ŋu ase dɔ si wɔm wole la gɔme. Eyata 'esi wòva, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, dzi dzɔe, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple tameɖoɖo blibo,' eye \"wotsɔ ameha gã aɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.\"—Dɔwɔwɔwo 11:22-24.\nŊutinyaŋlɔla Downey gblɔ be: \"Nusiwo na dɔ gbãtɔ si wowɔ le Antioxia kpɔ dzidzedze anye be mehiã be dutanyanyuigblɔla siawo navɔ̃ Yudatɔ zazɛ̃nyahelawo le dugã sia me abe alesi wodo go wo le Yerusalem ene o; eye be aʋafiae nɔ du ma, si nye Siria ƒe fiadu la dzi ɖum, eyata wowɔna ɖe hadome ɖoɖowo dzi ŋutɔ, eye nuvlowɔhawo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ mebɔ abe alesi wònɔ le Yerusalem, afisi wòdze abe ɖe Yudea dzi ɖulawo mete ŋu tsi Yudatɔ zazɛ̃nyahelawo nu (le ɣeyiɣi sia teti ya me o) ene o.\"\nLe nɔnɔme deamedzi sia si me dɔ geɖe li woawɔ me la, Barnaba anya kpɔe dze sii be ehiã be woakpe ɖe ye ŋu, eye eƒe susu yi exɔlɔ̃ Saul dzi. Nukatae wònye Saul, alo Paulo, dzi koe eƒe susu yi? Anɔ eme be le esi togbɔ be Paulo menye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka o hã la, woɖoe wònye apostolo na trɔ̃subɔlawo tae. (Dɔwɔwɔwo 9:15, 27; Romatɔwo 1:5; Nyaɖeɖefia 21:14) Eyata Paulo dze nyuie anye hadɔwɔla le gbeƒãɖeɖe nyanyuia le Trɔ̃subɔlawo ƒe du si nye Antioxia me. (Galatiatɔwo 1:16) Eyata Barnaba yi Tarso, di Saul, hekplɔe va Antioxia.—Dɔwɔwɔwo 11:25, 26; kpɔ aɖaka si le axa 26-7.\nWoyɔ Wo be Kristotɔwo le Mawu ƒe Mɔfiafia Nu\nBarnaba kple Saul tsɔ ƒe blibo ɖeka 'fia nu ameha gã aɖe, eye Antioxiae woyɔ nusrɔ̃lawo le Mawu ƒe mɔfiafia nu gbã be Kristotɔwo.' Manɔ eme be Yudatɔwoe nye ame gbãtɔ siwo yɔ Yesu yomedzelawo be Kristotɔwo (le Helagbe me) alo Mesiatɔwo (le Hebrigbe me) o, elabena wogbe Yesu be menye Mesia, alo Kristo o, eyata womayɔ eyomedzelawo be Kristotɔwo wòafia be yewobui nenema o. Ame aɖewo susui be trɔ̃subɔlawoe anya tsɔ megbeŋkɔ na wo be Kristotɔwo wòanye fewuɖuɖu alo alɔmeɖeɖe ko. Gake Biblia ya ɖee fia be Mawue na ŋkɔ wo be Kristotɔwo.—Dɔwɔwɔwo 11:26, NW.\nLe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa dɔwɔnya si wozã kpe ɖe ŋkɔ yeyea ŋu si gɔme woɖena zi geɖe be \"woyɔ\" la na nusi gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu, nusi nukala gblɔ, alo nusi tso Mawu gbɔ. Eyata agbalẽnyalawo ɖea egɔme be \"woaka nu agblɔ nya ɖi,\" \"nusi Mawu gblɔ,\" alo \"be woade se alo ana nuxlɔ̃ame si tso Mawu gbɔ, be woafia nusi tso dziƒo.\" Esi wònye be woyɔ Yesu yomedzelawo be Kristotɔwo \"le Mawu ƒe mɔfiafia nu\" ta la, ate ŋu anye be Yehowae fia mɔ Saul kple Barnaba be woana ŋkɔa wo.\nŊkɔ yeyea tsi wo ŋu. Womagate ŋu ayɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo vodadatɔe gbeɖe azɔ be Yuda-subɔsubɔ ƒe kɔmama aɖe, si wòto vovo na kura, o. Kaka ƒe 58 M.Ŋ. naɖo la, Roma-dziɖuɖumegãwo nya amesiwo Kristotɔwo nye nyuie. (Dɔwɔwɔwo 26:28) Ŋutinyaŋlɔla Tacitus gblɔ be kaka ƒe 64 M.Ŋ. naɖo la, ameha siwo nɔ Roma hã nya ŋkɔa nyuie.\nYehowa Zãa Esubɔla Wɔnuteƒewo\nNyanyuia kpɔ dzidzedze nyuie le Antioxia. Yehowa ƒe yayra kple tame si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖo kplikpaa be yewoayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi wɔe be Antioxia va zu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔnyenye ƒe dɔwɔƒe vevi aɖe. Mawu zã hame si nɔ afima wònye afisi wotsona tsɔa nyanyuia yia dukɔ siwo le didiƒe me. Le kpɔɖeŋu me, Antioxiae nye afisi apostolo Paulo dze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ xɔŋkɔawo dometɔ ɖesiaɖe gɔme tsoe.\nLe egbeŋkekewo me la, dzonɔameme kple tameɖoɖo kplikpaa togbɔ be tsitretsiɖeŋuwo li hã de Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe takeke dzi nenema ke, eye wòna mɔnukpɔkpɔ ame geɖe be woase nyanyuia ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. * Eyata ne wotsi tre ɖe ŋuwò le esi nèdea tadedeagu vavãtɔ dzi ta la, nyae be Yehowa nya nusita wòɖe mɔ ɖe eŋu ɖo. Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ele be woana mɔnukpɔkpɔ amewo egbea be woase nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye woava eƒe akpa dzi. Ðewohĩ tame si nàɖo kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe koe anye nusi ahiã be wòakpe ɖe ame aɖe ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ nasu esi.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 9 Ne xexeame kɔ la, Kipro ƒukpoa dzena tso Casius To, si le Antioxia ƒe anyieheɣetoɖoƒe, dzi wokpɔna.\n^ mm. 18 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 1, 1999, axa 9; Nyɔ!, May 8, 1999, axa 17-18; 1999 Yearbook of Jehovah's Witnesses, axa 250-2.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]\n\"Ƒe Siwo Me Womese\" Saul \"Ŋkɔ O\"\nZI MAMLƐTƆ si woyɔ Saul ŋkɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me hafi wova kplɔe yi Antioxia abe ƒe 45 M.Ŋ. lɔƒo ene nye esi nugbe si woɖo be woawui le Yerusalem la medze edzi o eye haxɔsetɔwo ɖoe ɖe Tarso. (Dɔwɔwɔwo 9:28-30; 11:25) Gake ema nye ƒe asieke do ŋgɔ, le ƒe 36 M.Ŋ. me. Nuka wɔm wònɔ le ɣeyiɣi siawo me—ɣeyiɣi si woyɔ be ƒe siwo me womese Saul ŋkɔ o?\nEsi Saul tso Yerusalem la, eyi ɖe Siria kple Kilikia nutowo me, eye hame siwo le Yudea se be: \"Amesi ti mía yome tsã la, gblɔa xɔse ƒe nyanyui si wògblẽ tsã la, fiana azɔ.\" (Galatiatɔwo 1:21-23) Nyatakaka ma anya ku ɖe dɔ si Saul wɔ kple Barnaba le Antioxia ŋu, gake ɖikeke mele eme o be do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã la, menɔ anyi dzro ko o. Kaka ƒe 49 M.Ŋ. naɖo la, hame geɖe nɔ Siria kple Kilikia. Ðeka nɔ Antioxia, gake ame aɖewo bui be dɔ siwo Saul wɔ le ƒe siwo me womenɔ eŋkɔ sem o lae na wote ŋu ɖo bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 11:26; 15:23, 41.\nAgbalẽnyala aɖewo xɔe se be anye ɣeyiɣi ma mee nu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ le Saul ƒe agbe me la dzɔ. Anye ne mate ŋu anɔ eme be esime wònɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔmee wòto nɔnɔme sesẽwo me abe 'Kristo ƒe subɔla' ene o. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Ɣekaɣie Saul xɔ ƒoƒo 39 le Yudatɔwo si me zi gbɔ zi atɔ̃? Afikae woƒoe kple atiwo zi etɔ̃ le? Afikae wodee gaxɔ me zi \"geɖe\" le? Emegbe hafi wodee game le Roma. Nuŋlɔɖi ɖeka le mía si ku ɖe ɣeaɖeɣi si woƒoe hedee game ŋu—eyae nye le Filipi. Ke kpɔtɔeawo ya ɖe? (Dɔwɔwɔwo 16:22, 23) Nuŋlɔla aɖe gblɔ be le ɣeyiɣi sia me la, Saul nɔ \"ɖase ɖim tso Kristo ŋu le ƒuƒoƒe siwo le Duta me ale gbegbe be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple dziɖuɖumegãwo siaa ti eyome.\"\nSaul ɖo tɔdziʋu wògbã zi ene sɔŋ, gake ɖeka si dzɔ kplɔ nɔnɔme sesẽ siwo wòdo goe siwo wòyɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me ɖo ko ŋue Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe tsitotsito. (Dɔwɔwɔwo 27:27-44) Eyata anye be esime wònɔ mɔ siwo ŋuti míenya naneke le o zɔmee etɔ̃ bubuawo dzɔ ɖe edzi. Nusiawo dometɔ aɖe alo wo katã adzɔ le \"ƒe siwo me womese eŋkɔ o.\"\nWoɖɔ nudzɔdzɔ bubu si dze abe ɣeyiɣi sia mee wòanya dzɔ ene le Korintotɔwo II, 12:2-5. Saul gblɔ be: 'Menya ame aɖe le Kristo me, anɔ ƒe wuiene enye esi si wotsɔ dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke, yi ɖe Paradiso la me, eye wòse nya, siwo mele be wòagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o.' Edze ƒã be Saul nɔ nu ƒom tso eɖokui ŋu. Esi wònye be ƒe 55 M.Ŋ. lɔƒoe wòŋlɔ nusia ta la, ƒe 14 akplɔ mí ayi ƒe 41 M.Ŋ., si nye \"ƒe siwo me womese eŋkɔ o\" la ƒe domedome.\nÐikeke mele eme o be ŋutega sia na numekɔkɔ tɔxɛ aɖe Saul. Ðe wòanye bene wòasu te anye 'trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo' taea? (Romatɔwo 11:13) Ðe wòkpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòva bua tamee, ŋlɔ nui, heƒo nui emegbe dzia? Ðe ƒe siwo tso Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple esime woyɔe yi Antioxia dome na hehee be wòsu te na agbanɔamedzi siwo wòava dze ŋgɔe emegbe la tsɔtsɔa? Aleke ke míaɖo biabia mawo ŋui o, míate ŋu aka ɖe edzi be esi Barnaba yɔe be wòava kpe ɖe ye ŋu yewoaxɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Antioxia la, Saul si me dzo nɔ la su te blibo na dɔ sia wɔwɔ.—Dɔwɔwɔwo 11:19-26.\n[Anyigbatata si le axa 25]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nSIRIA\nOrontes\nAntioxia\nSeleukia\nKIPRO\nMEDITERRANEA FUA\nYerusalem\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nMountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]\nEtame: Egbeŋkekea me Antioxia\nDome: Seleukia ƒe anyiehe\nEte: Seleukia ƒe Melidzeƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000715\/Yometiti-Na-Wokp%C9%94-Dzidzi%C9%96edzi-le-Antioxia\/","date":"2020-01-20T09:58:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250598217.23\/warc\/CC-MAIN-20200120081337-20200120105337-00000.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987169504,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987169504165649}","num_words":1966,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋlɔmi Wɔwɔ Le Ame Tsitsiwo Ŋu\nESI zãdzɔla aɖe nɔ tsatsam le zã me la, nusi wòkpɔ la na eƒe lãme ble fu. Eva ke ɖe ame kuku eve ŋu—wonye atsu kple asi tsitsi aɖewo, siwo ti kpo tso dziƒoxɔ dzeani tuɖedzi enyilia si dzi wole la ƒe fesre nu, ge va dze anyigba. Togbɔ be ewɔ moya be wowu wo ɖokui hã la, nusitae wowu wo ɖokui ɖo ya gaɖe fu wu. Agbalẽ aɖe si wokpɔ le srɔ̃ŋutsua ƒe kotoku me gblɔ be: \"Mía viŋutsu kple srɔ̃a ƒe ŋlɔmi wɔwɔ kple ŋuta sesẽ le mía ŋu edziedzi tae míele mía ɖokui wum ɖo.\"\nAlesi nusia dzɔ mabɔ ya o, gake nusi tututu na wòdzɔ ya bɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, wowɔa ŋlɔmi le ame tsitsiwo ŋu le xexeame katã. De ŋugble tso nya siawo ŋu kpɔ:\n• Le numekuku aɖe me la, Canadatɔ tsitsi 4 le alafa me gblɔ be yewo ŋutɔ yewoƒe ƒometɔwoe wɔa ŋlɔmi le yewo ŋu alo daa adzo yewo. Ke hã, ekpea ŋu na ame tsitsi geɖe eye wovɔ̃na be yewoakɔ nu le nɔnɔme sia dzi. Numekulaawo gblɔ be amesiawo ƒe xexlẽme ade ame 10 le alafa me.\n• Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye India Today ka nya ta be: \"Togbɔ be edze abe tsi metoa ƒometɔwo dome le India o hã la, viwo va le nu gbem le ame tsitsiwo gbɔ ale gbegbe be wòva le agba zum na dziɖuɖua.\"\n• Amerika dukɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe si kpɔa ŋlɔmiwɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu ƒe nyawo gbɔ gblɔ be akɔntabubu nyuitɔ si li la ɖee fia be \"wosẽa ŋuta, daa adzo, alo wɔa nusiawo tɔgbe ɖe ame tsitsi siwo xɔ ƒe 65 alo wu nenema la dometɔ miliɔn 1 vaseɖe 2 ŋu le Amerika, eye amesiwo dzi woka ɖo be woalé be na yewo lae wɔa ŋutasẽnu siawo.\" California du aɖe si nye San Diego ƒe senyala ƒe kpeɖeŋutɔ aɖe gblɔ tso ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu be eyae nye \"kuxi sesẽtɔ siwo gbɔ wòle be woakpɔ kaba la dometɔ ɖeka.\" Egblɔ kpee be: \"Mekpɔe be kuxia ava do gã ɖe edzi le ƒe siwo gbɔna me.\"\n• Le Canterbury, New Zealand la, wova le dzesi demee be ƒometɔwo siwo zãa atikevɔ̃ɖiwo, ahasesẽ, alo nye tsatsadalawo koŋue le ŋlɔmi wɔm le ame tsitsiwo ŋu. Ame tsitsi siwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le le Canterbury la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso ame 65 le ƒe 2002 me va ɖo ame 107 le ƒe 2003 me. Dɔwɔha aɖe si woɖo be woatsɔ atsi ŋlɔmiwɔwɔ sia nu la ƒe tatɔ gblɔ be xexlẽme sia nye gbogbo siwo le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ la ƒe 'sue aɖe ko.'\n• Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Japan Times gblɔ be Japan Dukɔa ƒe Senyalawo ƒe Habɔbɔ ɖo aɖaŋu be \"ele be woatso ɖe ame tsitsiwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu kaba wu ŋlɔmi wɔwɔ le ɖeviwo ŋu alo dzrewɔwɔ ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.\" Nukatae? Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be susu siwo tae dometɔ ɖeka enye be, \"ne wotsɔ ŋlɔmi wɔwɔ le ɖeviwo alo ame srɔ̃ ŋu sɔ kple ŋlɔmi wɔwɔ le ame tsitsiwo ŋu la, ame tsitsiwo tɔ ŋu nya meɖina wosena kaba o, elabena esesẽna na ame tsitsiwo be woakɔ nu le edzi be yewo viwoe le ŋuta sẽm le yewo ŋu, eye be dziɖuɖua kple senyalawo hã do kpo kuxia gbɔ kpɔkpɔ.\"\nNusiwo le dzɔdzɔm le xexeame godoo ŋuti kpɔɖeŋu ʋɛ siawo na míebiana be: Nukatae womeléa be na ame tsitsi geɖe o hewɔa ŋlɔmi le wo ŋu? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be nuwo ava nyo gbaɖegbea? Akɔfanya kae li na ame tsitsiwo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060601\/%C5%8Al%C9%94mi-W%C9%94w%C9%94-Le-Ame-Tsitsiwo-%C5%8Au\/","date":"2020-02-27T08:40:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146665.7\/warc\/CC-MAIN-20200227063824-20200227093824-00080.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991406798,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991406798362732}","num_words":577,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yefta Wɔ Adzɔgbe Si Wòɖe Na Yehowa La dzi\nAƲADZIÐULA aɖe trɔ gbɔ va wo de le woƒe dukɔ ɖeɖe tso teteɖeanyi me megbe. Vianyɔnu ƒu du yi ɖakpee, le ɣe ɖum dzidzɔtɔe hele axatsɛ ʋuʋum. Esi wòkpɔ via la, edze eƒe awuwo, le esi dzi nadzɔe teƒe. Nu ka tae? Ðe mekpɔ dzidzɔ be yegbɔ va aƒe dedie abe ale si via kpɔ dzidzɔe ene oa? Aʋa ka dzie wòɖu? Ame kae?\nŊutsu lae nye Yefta, blema Israel ʋɔnudrɔ̃la aɖe. Gake be míaɖo nyabiase susɔeawo ŋu ahakpɔ ale si nuŋlɔɖi sia ka míi la, ehiã be míadzro nu siwo dzɔ do ŋgɔ na gododo ɖedzesi sia la me.\nIsrael Ðo Xaxa Sesẽ Me\nYefta nɔ agbe le xaxaɣi aɖe me. Ehati Israel viwo gblẽ tadeagu dzadzɛa ɖi eye wonɔ Zidon, Moab, Amon, kple Filisti mawuwo subɔm. Eya ta Yehowa tsɔ eƒe dukɔa de asi na Amonitɔwo kple Filistitɔwo, ame siwo te wo ɖe anyi ƒe 18 sɔŋ. Ame siwo koŋ kpe fu wue nye Gileadtɔ siwo le Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome. * Mlɔeba la, Israel viwo trɔ va wo ɖokui me, trɔ dzime hedi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye woɖe dutamawuwo katã ɖa le wo ɖokui dome.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6-16.\nAmonitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead, eye Israel viwo ƒo ƒu be yewoaho akpe wo. Gake aʋafia mele Israel si o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:17, 18) Le ɣeyiɣi sia tututu me la, Yefta ŋutɔ hã le kuxi aɖewo me tom. Tɔvia ŋuklẽlawo nyae de gbe bene eƒe domenyinu nazu yewo tɔ. Esia ta Yefta ʋu yi Tob, du si le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome, si nye afi si Israel ƒe futɔwo ate ŋu adze edzi bɔbɔe le. \"Yakamewo,\" siwo ɖewohĩ wonye ame siwo wo teɖeanyilawo nya le dɔ me, alo ame siwo dze aglã ɖe ameteɖeanyilawo ŋu la, va wɔ ɖeka kple Yefta. \"Wodea aʋa kplii,\" ɖewohĩ le gɔmesese sia nu be wokplɔa Yefta ɖo ne eyina futɔ siwo ƒo xlã wo dzi dze ge. Ðewohĩ esi Yefta nye aʋawɔla bibi aɖe tae Ŋɔŋlɔawo yɔe be \"ŋutsu kalẽtɔ\" ɖo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1-3) Ke ame kae akplɔ Israel viwo ayi aɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo?\n\"Va Nànye Míaƒe Aʋafia\"\nGilead metsitsiwo ƒoe ɖe Yefta nu be: \"Va nànye míaƒe aʋafia.\" Nenye be wole mɔ kpɔm be atsi klokloklo atrɔ agbɔ va wode la, ke woda ƒu ŋutɔ. Yefta ɖo eŋu na wo be: \"Menye miawoe lé fum, mienyãm tso fofonye ƒe me oa? Azɔ esi mieɖo xaxa me la, mieva gbɔnye!\" Nu madzɔmadzɔ kae nye esi wowɔ be wogbe Yefta gbã eye wova trɔ ɖe eŋu emegbe be woakpe ɖe yewo ŋu!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:4-7.\nNu ɖeka pɛ koe ana Yefta nalɔ̃ akplɔ Gilead ayi aʋae. Egblɔ be: 'Ne Yehowa tsɔ wo de asi nam la, ekema manye miaƒe tatɔ.' Aʋadziɖuɖu anye kpeɖodzi be Mawu le megbe na wo, ke hã, Yefta ɖo tame hã be yeakpɔ egbɔ be womagbe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ne wodo le xaxaa me o.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:8-11.\nNututu Kple Amon\nYefta dze agbagba be ye kple Amonitɔwo yewoagblɔe ase eme. Edɔ amewo ɖo ɖe woƒe fia gbɔ be yeanya nu si gbɔ Amonitɔwo ƒe amedzidzedze la tso. Amenutsonya siawo le woƒe ŋuɖoɖoa me: Israel xɔ Amonitɔwo ƒe anyigba esime wòʋu tso Egipte va, eya ta ele be wòagbugbɔe na yewo kpoo.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:12, 13.\nEsi Yefta nya Israel ƒe ŋutinya nyuie ta la, ete ŋu ɖee fia kɔte be Amonitɔwo ƒe nutsotsoa menye nyateƒe o. Egblɔ na wo be Israel viwo meɖe fu na Amon, Moab, kple Edom tɔwo esi woʋu tso Egipte o, eye be anyigba si ŋu nya ʋlim wole menye Amon tɔ le Israel viwo ƒe Mɔzɔzɔa me o. Amoritɔwo tɔe wònye ɣemaɣi, gake Mawu tsɔ woƒe fia, Sixon, de Israel si. Gawu la, Israel viwo nɔ afi ma ƒe 300 sɔŋ. Ekema nu ka tae fifia hafi Amonitɔwo va le gbɔgblɔm be yewoaxɔe ɖo?—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:14-22, 26.\nYefta he susu yi nu si koŋ gbɔe Israel ƒe fukpekpewo tso la dzi: Ame kae nye Mawu vavã la? Yehowa ye loo, alo dukɔ siwo ƒe anyigba Israel xɔ la ƒe mawuwoea? Ne ɖe ŋusẽ le Kemos si la, anye ne mazãe atsɔ akpɔ eƒe amewo ƒe anyigba ta oa? Esiae nye nyaʋiʋli si ɖo alakpasubɔsubɔ, si nye Amonitɔwo tɔ, kple tadeagu vavã dome. Eya ta Yefta ƒo nya ta nunyatɔe be: \"Yehowa, nye ʋɔnudrɔ̃la, nadrɔ̃e na Israel-viwo kple Amon-viwo egbea!\"—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:23-27.\nAmon fia meɖo to Yefta ƒe gbedeasi si le tẽ alea la o. \"Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi, eye wòto Gilead kple Manase,\" edze kɔte be ele amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:28, 29.\nYefta Ƒe Adzɔgbeɖeɖe\nEsi Yefta di vevie be Mawu nafia mɔ ye ta la, eɖe adzɔgbe nɛ be: \"Ne ètsɔ Amon-viwo de asi nam vavã, eye megbɔ tso Amon-viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nusianu, si ke ado tso aƒenye me ava kpem la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe.\" Mawu wɔ ɖe Yefta ƒe biabia dzi nɛ eye Wòna 'wòɖu Amon du 20 dzi vevie ŋutɔ;' eto esia dzi bɔbɔ Israel ƒe futɔwo ɖe anyi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-33.\nEsi Yefta trɔ tso aʋagbedzi gbɔna, ènya ame si va kpea? Via lɔlɔ̃a, ame si nye eƒe tesi lae! Nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!\"—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34, 35.\nÐe Yefta le via tsɔ ge asa vɔe ŋutɔŋutɔa? Ao. Manye esiae nɔ susu me nɛ o. Yehowa tsri amewo tsɔtsɔ sa vɔe ŋutɔŋutɔ, si nye nuwɔna vɔ̃ɖi si Kanaantɔwo wɔna. (Mose III, 18:21; Mose V, 12:31) Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ dɔ wɔm ɖe Yefta dzi, gake menye esia ɖeɖe koe o, ke boŋ Yehowa na be eƒe agbagbadzedzewo kpɔ dzidzedze. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu nyuie tso Yefta ŋu le eƒe xɔse kple akpa si wòwɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me la ta. (Samuel I, 12:11; Hebritɔwo 11:32-34) Eya ta amegbetɔ tsɔtsɔ sa vɔ—si nye amewuwu—meva eƒe susu me kura o. Ekema nu kae nɔ susu me na Yefta esime wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ ame asa vɔe na Yehowa?\nEdze ƒã be Yefta ƒe nyawo fia be atsɔ ame si ava kpee la ake na Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Mose ƒe Sea ɖe mɔ ɖe amewo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuwo subɔna le avɔgbadɔa me, eye ɖewohĩ wodea tɔme. (Mose II, 38:8; Samuel I, 2:22) Míenya nu boo aɖeke tso subɔsubɔdɔ sia ŋu, nenye ɖe wowɔnɛ le ame ƒe agbemeŋkekeawo katã me o. Subɔsubɔdɔ siae anya nɔ susu me na Yefta esime wònɔ eƒe adzɔgbea ɖem, eye edze abe eƒe ŋugbedodoa fia dɔ si woatsɔ agbemeŋkekeawo katã awɔe ene.\nYefta vinyɔnua lɔ̃ wɔ ɖe adzɔgbe si edzila mawuvɔ̃lawo ɖe la dzi, abe ale si ŋutsuvi Samuel hã va wɔe emegbe ene. (Samuel I, 1:11) Yefta vinyɔnua, si nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla la, xɔe se vevie abe fofo ke ene be, ele be yewoawɔ ɖe ye fofoa ƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. Vɔsa la lolo ŋutɔ, elabena esia abia be wòanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee. Efa eƒe ɖetugbinyenye, elabena enye Israel vi ɖe sia ɖe ƒe didi be yeadzi vi bene ƒomea ƒe ŋkɔ kple eƒe domenyinu nagabu o. Le Yefta gome la, adzɔgbe sia dziwɔwɔ bia be wòana hadede si le eya kple eƒe tesi si gbɔ melɔ̃a nu le o dome nato eŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:36-39.\nÐetugbi wɔnuteƒe sia ƒe agbe dome megblẽ kura o. Subɔsubɔ ɣeyiɣiawo katã le Yehowa ƒe mee nye mɔ nyuitɔ si naa dzidzeme ame, kple esi dze na kafukafu si dzi wòato ade bubu Mawu ŋu. Eya ta 'ƒe sia ƒe la, Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la.' (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:39, 40) Eye kakaɖedzitɔe la, Yefta kpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔdɔ si via wɔna na Yehowa ŋu.\nMawu ƒe amewo dometɔ geɖe tia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa egbea, wonye mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔwo. Esia fia be womanɔ woƒe ƒometɔwo kpɔm edziedzi abe ale si woadii ene o. Ke hã, woa kple woƒe ƒometɔwo siaa ate ŋu akpɔ dzidzɔ le subɔsubɔ kɔkɔe sia tsɔtsɔ na Yehowa me.—Psalmo 110:3; Hebritɔwo 13:15, 16.\nAglãdzedze Ðe Mawu ƒe Mɔfiamewo Ŋu\nNe míetsɔ míaƒe susu kpɔ nu siwo dzɔ le Yefta ƒe ŋkekea me la, míate ŋu akpɔe be Israel vi geɖe gbe Yehowa ƒe mɔfiamewo. Togbɔ be kpeɖodzi geɖe li be Mawu ƒe yayra nɔ Yefta dzi hã, Efrayimtɔwo he dzre kplii. Wodi be yewoanya nu si tae meyɔ yewo na aʋa la wɔwɔ o. Woɖoe kura gɔ̃ hã be yewoatɔ dzo Yefta ƒe xɔ 'ɖe edzi'!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:1.\nYefta gblɔ be, le nyateƒe me la, yeyɔ Efrayimtɔwo, gake wogbe vava. Le wo katã me la, Mawu ɖu aʋaa dzi. Ðe wole dɔmedzoe dom fifia le esi Gileadtɔwo meva lé nya kpɔ kpli wo hafi ɖo Yefta aʋafiae o ta? Le nyateƒe me la, Efrayimtɔwo ƒe nuwɔna nye aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu, eye ɖeko wòle be woawɔ aʋa kpli wo. Woɖu Efrayimtɔwo dzi le aʋa si wowɔ la me. Esi Efrayim ʋasilawo mete ŋu nɔ \"Sibolet\" si nye nya si wotsɔ nɔ amewo dom kpɔ la yɔm nyuie o ta la, wote ŋu lé wo bɔbɔe. Efrayimtɔ siwo katã wowu le aʋa ma me ƒe xexlẽmee nye 42,000.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:2-6.\nAo! Nublanuinya kae nye esi dzɔ le Israel ƒe ŋutinya me! Aʋa siwo dzi ʋɔnudrɔ̃la siwo nye Otniel, Ehud, Barak, kple Gideon ɖu la he ŋutifafa ʋɛ. Gake le nudzɔdzɔ sia ya me la, womeƒo nu tso ŋutifafa ŋu o. Ðeko nuŋlɔɖia wu enu be: \"Yefta drɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe ade, emegbe Yefta, Gileadtɔ la ku, eye woɖii ɖe Gilead-duwo dometɔ ɖeka me.\"—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:11, 30; 5:31; 8:28; 12:7.\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esiawo katã me? Eyae nye be togbɔ be Yefta wɔ avu geɖe le agbe me hã, ewɔ nuteƒe na Mawu. Ŋutsu kalẽtɔ sia yɔ Yehowa ŋkɔ esime wònɔ nu ƒom na Gilead metsitsiwo, na Amonitɔwo, na vianyɔnua, kple na Efrayimtɔwo, ɖikeke mele eme o be eyɔe esime wònɔ adzɔgbea ɖem hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:9, 23, 27, 30, 31, 35; 12:3) Mawu yra Yefta ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔna la ta, eye Wòzã eya kple via tsɔ do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ. Le ɣeyiɣi si me amewo gbe Mawu ƒe dzidzenuwo me la, Yefta ya lé wo me ɖe asi sesĩe. Ðe nàɖo to Yehowa ɣesiaɣi abe Yefta enea?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Amonitɔwo sẽa ŋuta ŋutɔ. Le esia megbe la, mede ƒe 60 o, wodo ŋɔdzi na Gileadtɔwo be yewoaŋɔ ɖusi me ŋku na wo dome ame sia me. Nyagblɔɖila Amos ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu ŋu.—Samuel I, 11:2; Amos 1:13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070515\/Yefta-W%C9%94-Adz%C9%94gbe-Si-W%C3%B2%C9%96e-Na-Yehowa-La-dzi\/","date":"2020-02-21T10:21:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145500.90\/warc\/CC-MAIN-20200221080411-20200221110411-00200.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989728928,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989728927612305}","num_words":1698,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JANUARY 21, 2015\nPHILIPPINES\nMANILA le Philippines—Yehowa Ðasefowo de xɔtudɔ gã nyadri aɖe to me le esi ahom gã si woyɔ be Haiyan tu vɔ megbe be woadzra aƒewo ɖo alo atso yeyewo kura le ƒe ɖeka me, aƒeawo katã ƒe xexlẽme le 750.\nDean Jacek, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Philippines, gblɔ be: \"Míeɖoe be míawu dɔa nu le September 2014 me. Míedze dɔa gɔme le ƒea ƒe gɔmedzedze, gake esi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gbogbo aɖewo kpe ɖe mía ŋu ta la, míete ŋu wu dɔa nu do ŋgɔ na August ƒe nuwuwu.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha ɖo ga siwo Ðasefo siwo le xexea me godoo dzɔ la ƒe akpa aɖe ɖa be woatsɔ awɔ kpekpeɖeŋunadɔ sia. Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Manila la ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo le nuto siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la me ale be woakpɔ aƒewo tsotso dɔa dzi. Aƒe siwo wodzra ɖo kple yeye siwo wotso le Tacloban Dua me la le 167, Ormoc Dua me tɔwo le 256, Cebu Dua me tɔwo le 101 eye Roxas Dua me tɔwo hã le 218. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo dometɔ 522 nye Philippines-vi dzidziwo eye Ðasefo 90 hã tso dukɔ bubuwo me.\nAƒetɔ Ferdinand Martin G. Romualdez, si nye Leyte Nuto Gbãtɔ teƒenɔla gblɔ be: \"Yehowa Ðasefowoe nye habɔbɔ siwo menye dziɖuɖu tɔ o ƒe gbãtɔ siwo dze aƒewo dzadzra ɖo dɔwo gɔme la dometɔ ɖeka. . . . Mímate ŋu agblɔ ale si nye kple nye ƒomea kpakple mía detɔwo míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe agbagbadzedzewo ŋu la wòade edeƒe o.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nPhilippines: Dean Jacek, tel. +63 2 411 6090","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/philippines\/ahom-haiyan-%C6%92e-%C9%96eka-megbe\/","date":"2020-06-02T02:31:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422065.56\/warc\/CC-MAIN-20200602002343-20200602032343-00561.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981988072,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981988072395325}","num_words":261,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wotrɔ asi le agbalẽvi aɖe ŋu le internet dzi be amewo nazã atsɔ abia tsaɖiɖi le míaƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã ƒe dɔwɔƒe siwo le Warwick kple Patterson, New York, kpakple United States ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Wallkill, New York.\nWɔ ɖoɖo nàva ɖi tsa le míaƒe dɔwɔƒe siwo le United States.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nu-yeyewo\/betel-tsa%C9%96i%C9%96ibiabia-do-%C5%8Bg%C9%94-%C6%92e-%C9%96o%C9%96o\/","date":"2020-05-24T23:41:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347385193.5\/warc\/CC-MAIN-20200524210325-20200525000325-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994083643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994083642959595}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.116,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.199,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 29 va se ɖe September 25, 2016 la le tata sia me.\nAme siwo ʋu yi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le la doa go kuxi aɖewo, gake dzidzɔ si wokpɔna ya mele gbɔgblɔ me o.\nYesu gblɔ nu si tae wòle be míalé didi be kesinɔnu geɖe nasu mía si la nu.\nKpɔ nu etɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu ana míaɖe ŋu ɖi ne míekpɔ nyuie o la ɖa.\nYehowa nye xɔlɔ̃ vavã si xɔna na ame le xaxaɣi.\nNu kae nye Mawu ƒe amenuvevenunana gãtɔ kekeake?\nAleke \"Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui\" la ɖe Mawu ƒe amenuveve fiae?\nGɔmesese kae le ati eve siwo wokpe wòzu ɖeka, si ŋu nya wogblɔ le Ezekiel ta 37 lia me ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-july-2016\/","date":"2020-06-02T21:11:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347426801.75\/warc\/CC-MAIN-20200602193431-20200602223431-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958524108,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958524107933044}","num_words":124,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMEWO TSO ASEYE ESIME YESU YINA YERUSALEM\nEGBLƆ YERUSALEM ƑE TSƆTSRƆ̃ ŊU NYA ÐI\nLe ŋkeke si kplɔe ɖo si nye Kwasiɖagbe, Nisan 9 lia dzi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Betania heɖo ta Yerusalem. Esi wogogo Betfage, si le Amitoa dzi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve be:\n\"Miyi kɔƒe si kpɔm miele le mia ŋgɔ la me, eye ne mieɖo ko la, miakpɔ tedzi aɖe le ka me, eye tedzivi aɖe le egbɔ. Miɖe ka wo, eye miakplɔ wo vɛ nam. Ne ame aɖe bia nya aɖe mi la, migblɔ be, 'Aƒetɔ lae le wo hiãm.' Eye enumake aɖo wo ɖa.\"—Mateo 21:2, 3.\nNusrɔ̃lawo mede dzesii be nya si Yesu gblɔ na yewo la na Biblia me nyagblɔɖi aɖe va eme o. Gake emegbe wova kpɔe be enye Zakariya ƒe nyagblɔɖi me vava. Egblɔ nɔnɔme si me Fia si ŋugbe Mawu do la ava Yerusalem le la ɖi ale: 'Ebɔbɔ eɖokui, eye wòdo tedzi, si nye tedzinɔ ƒe vi.'—Zakariya 9:9.\nEsi nusrɔ̃lawo yi Betfage eye wonɔ ka ɖem tedzivia kple nɔa la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la bia wo be: \"Nu ka tae miele ka ɖem tedzivi la?\" (Marko 11:5) Esi nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo be Aƒetɔ lae le wo hiãm la, woɖe mɔ na wo wokplɔ wo yi na Yesu. Nusrɔ̃lawo ɖo woƒe awudziwuiwo ɖe tedzinɔ la kple via dzi, ke Yesu de tedzivi la dzi.\nAmehawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi esime Yesu le tedzia dzi ɖo ta Yerusalem. Ame geɖe ɖo woƒe awuwo ɖe mɔa dzi. Ame bubuwo hã \"ŋe atilɔwo tso gbe me\" ɖo ɖe mɔa dzi. Wonɔ ɣli dom be: \"Míeɖe kuku, xɔ nɛ! Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me! Woayra mía fofo David ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la!\" (Marko 11:8-10) Nya mawo ku dzi na Farisitɔ siwo nɔ ameha la dome. Wogblɔ na Yesu be: \"Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.\" Yesu ɖo eŋu na wo be: \"Mele egblɔm na mi be, ne ame siawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.\"—Luka 19:39, 40.\nEsi Yesu kpɔ Yerusalem la, efa avi eye wògblɔ be: \"Wò la, ɖe wòle be nànya nu siwo na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi—ke woɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.\" Yerusalem akpɔ eƒe tosesẽa ŋuti teƒeɖoɖo. Yesu gblɔe ɖi be: \"Wò futɔwo atu ati biɖoebiɖoewo aƒo xlã wò godoo va kpe, woaɖe to ɖe wò eye woaxaxa wò ɖo le goawo katã me. Woatsɔ wò kple viwò siwo le mewò la axlã ɖe anyi, eye womagblẽ kpe ɖe kpe dzi le mewò o.\" (Luka 19:42-44) Yesu ƒe nyawo va eme esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ.\nEsi Yesu va ɖo Yerusalem la, 'zi tɔ le du bliboa me, eye amewo nɔ biabiam be: \"Ame kae nye esia?\"' Ameha la nɔ gbɔgblɔm be: \"Ame siae nye nyagblɔɖila Yesu si tso Nazaret le Galilea!\" (Mateo 21:10, 11) Ameha la me tɔ siwo kpɔ Yesu wòfɔ Lazaro ɖe tsitre la gblɔ nukunu ma ŋu nya na ame bubuawo. Farisitɔwo fa konyi be wɔna aɖeke megale yewo ŋu o. Wogblɔ na wo nɔewo be: \"Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.\"—Yohanes 12:18, 19.\nYesu yi gbedoxɔa me be yeafia nu, abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ne eyi Yerusalem ene. Le afi ma la, eda gbe le ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo ŋu. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ nu siwo wɔm wònɔ hese ɣli si dom ɖeviwo le le gbedoxɔa me be, \"Míeɖe kuku, xɔ na David Vi la!\" la, dɔme ve wo. Subɔsubɔhakplɔlawo bia Yesu be: \"Èle nya si gblɔm wole la sema?\" Yesu ɖo eŋu be: \"Ðe miexlẽe kpɔ be, 'Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo' oa?\"—Mateo 21:15, 16.\nYesu tsa ŋku le nuwo katã dzi godoo le gbedoxɔa me. Esi fiẽsi nɔ ɖoɖom ta la, eya kple eƒe apostoloawo dzo. Hafi Nisan 10 lia naɖo la, egatrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ le Kwasiɖagbe ƒe zã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/eyi-yerusalem-abe-fia-ene\/","date":"2020-06-01T13:27:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347417746.33\/warc\/CC-MAIN-20200601113849-20200601143849-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999247551,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992475509643555}","num_words":640,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe adame la, wowu Yesu Nazaretetɔ la. Wotso enu alakpatɔe be ele eƒom ɖe amewo nu be woadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu, woƒoe tagbɔsesẽtɔe, eye woklãe ɖe ati ŋu. Ese veve helĩhelĩ yi ɖe ku me. Gake Mawu fɔ Yesu tso ku me, eye wòyi dziƒo le ŋkeke 40 megbe.\nNudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋuti nya dze le Nyanyuigbalẽ ene siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wogayɔna be Nubabla Yeye la me. Ðe nu mawo dzɔ ŋutɔŋutɔa? Biabia sia sɔ eye wòle vevie hã. Ne nu siawo medzɔ ŋutɔŋutɔ o la, ekema Kristotɔwo ƒe xɔse la nye nu dzodzro eye drɔ̃e gbɔlo koe agbenɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa hã nye. (1 Korintotɔwo 15:14) Gake ne wodzɔ vavã la, ekema etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ na ameƒomea, eye wò hã àte ŋu akpɔ gome le eme. Eya ta biabia lae nye be, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋue Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiawo ƒo nu tsoe loo alo nyakpakpawoe wonye?\nNU SI NYATEƑENYAWO ÐE FIA\nNyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo mele abe glitoto siwo woɖe ami ɖo ene o, ke boŋ wonye nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖi beléletɔe eye wogblɔ nyawo tsitotsito. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ du geɖewo ŋkɔ le wo me, eye duawo dometɔ geɖe li egbea amewo ate ŋu aɖi tsa ayi. Nuŋlɔɖiawo ƒo nu tso ame siwo nɔ anyi kpɔ, siwo ŋu ŋutinyaŋlɔlawo hã ŋlɔ nu tsoe la ŋu.—Luka 3:1, 2, 23.\nŊutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me siaa ŋlɔ nu tso Yesu ŋutɔ hã ŋu. * Nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso ale si wowui ŋu la wɔ ɖeka kple ale si Romatɔwo wua ame siwo wotso kufia na le ɣeyiɣi mawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋue woƒo nu tsoe eye woyi nyaawo gbɔ tẽe—woƒo nu tso Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Mateo 26:56; Luka 22:24-26; Yohanes 18:10, 11) Esiawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖee fia be nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso Yesu ŋu la nye nyateƒe eye wode pɛpɛpɛ.\nKE YESU ƑE TSITRETSITSIA YA ÐE?\nTogbɔ be ame geɖe xɔe se be Yesu nɔ anyi kpɔ heku hã la, ame aɖewo agblɔ be womefɔe ɖe tsitre o. Eƒe apostolowo gɔ̃ hã mexɔe se gbã be wofɔe ɖe tsitre o. (Luka 24:11) Gake esi apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ŋutɔ kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la le ɣeyiɣi vovovowo me la, wodzudzɔ ɖikeke. Le nyateƒe me la, ame siwo wu 500 sɔŋ la kpɔe le ɣeyiɣi ɖeka me.—1 Korintotɔwo 15:6.\nYesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsia dzinɔameƒotɔe na amewo katã, woɖe gbeƒãe na ame siwo wui la gɔ̃ hã, togbɔ be wonyae be woate ŋu alé yewo ahawu yewo hã. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3, 10, 19, 20; 5:27-32) Ne ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo meka ɖe edzi bliboe be wofɔe ɖe tsitre vavã o la, ɖe dzi aɖo wo ame gbogbo mawo ƒo nenema gbegbea? Le nyateƒe me la, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre vavã tae Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖi le blemaxexea kple egbeŋkekea me siaa ɖo.\nNu siwo katã ɖea dzesi le ŋutinya me nuŋlɔɖi si de pɛpɛpɛ ŋu la dze le nya si Nyanyuigbalẽawo gblɔ tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsia ŋu la ŋu. Ne ègbɔ dzi ɖi xlẽ nuŋlɔɖi mawo nyuie la, àva ka ɖe edzi be nu siwo ŋu woƒo nu tsoe la dzɔ ŋutɔŋutɔ. Eye ne èva se nu si tututu tae nu mawo dzɔ ɖo gɔme la, wò kakaɖedzia me agasẽ ɖe edzi wu. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe nya sia me.\n^ mm. 7 Tacitus, si wodzi le ƒe 55 K.Ŋ. me lɔƒo la, ŋlɔ bena \"Pontio Pilato, si nye míaƒe nutodziɖulawo dometɔ ɖeka la tso kufia na Kristo, ame si ƒe ŋkɔ me ŋkɔ [Kristotɔwo] dzɔ tso la, le Tiberio ƒe dziɖuɣi.\" Ŋutinyaŋlɔla bubu siwo hã ƒo nu tso Yesu ŋue nye Suetonius (ƒe alafa gbãtɔ); Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus (ƒe alafa gbãtɔ); Pliny Suetɔ, si nye Bitinia ƒe nutomefia (ƒe alafa evelia ƒe gɔmedzedze).","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2016-march\/yesu-tsitretsitsi\/","date":"2020-05-30T10:00:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407667.28\/warc\/CC-MAIN-20200530071741-20200530101741-00059.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985746741,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985746741294861}","num_words":636,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Ɣeaɖeɣi la, míenya 'le si\nDze Kristotɔ be wòazɔ o.\nKekeli Yehowa na,\nFiaɖuƒe nyateƒea me kɔ.\nMíenya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu\nBe míasubɔ Teokrasia te,\nAna woanya Yehowa,\nBe eƒe ŋkɔ gã la míakafu ɖaa.\nÐase míaɖi na 'me sia 'me\nL'ablɔ dzi kple aƒewo me.\nDzigbɔɖi me, míafia Biblia\nMe nyateƒe si naa 'blɔɖe.\nDukɔ'o katã me la míafia\nTadedeagu vavãtɔ la.\nMíawɔ ɖeka asubɔ\nSe ɖe Yehowa nagblɔ be dɔa vɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/72-m%C3%ADana-woanya-fia%C9%96u%C6%92e-nyate%C6%92e-la\/","date":"2020-05-27T00:15:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347391923.3\/warc\/CC-MAIN-20200526222359-20200527012359-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972631335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972631335258484}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia ene ado le Persia. Fia enelia \"ade adã tame na amewo katã ɖe Hela-fiaɖuƒe la ŋu.\"\nKores Gãtɔ\nCambyses II\nDario I\nXerxes I (wobui be eyae nye Fia Ahasweros si ɖe Esta)\nFia sẽŋu aɖe ado le Hela eye eƒe dziɖuƒe akeke ta.\nAleksanda Gãtɔ\nAleksanda ƒe aʋafia ene ama Hela-fiaɖuƒea.\nCassander\nLysimachus\nSeleucus I\nPtolemy I","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct9-15\/yehowa-kp%C9%94-ale-si-nuwo-ava-n%C9%94\/","date":"2020-05-31T18:06:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413551.52\/warc\/CC-MAIN-20200531151414-20200531181414-00083.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992608428,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992608428001404}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOTSO AƲA NA YESU EYE EMEGBE WOKƆE VA GBEDOXƆA ME\nLe esi Yosef kple Maria natrɔ ayi Nazaret teƒe la, wotsi Betlehem. Esi Yesu xɔ ŋkeke enyi la, wotso aʋa nɛ abe ale si Se si Mawu de na Israel-viwo la bia ene. (3 Mose 12:2, 3) Ɣemaɣi la, ŋkeke ma ke dzie wotsɔa ŋkɔ na ŋutsuvi. Wotsɔ ŋkɔ na wo vi la be Yesu, abe ale si mawudɔla Gabriel gblɔ na wo do ŋgɔ ene.\nƔleti ɖeka kple edzivɔ va yi, eye Yesu xɔ ŋkeke 40. Afi kae edzilawo kɔe yi fifia? Wokɔe yi gbedoxɔa me le Yerusalem si le dzigbe gome, si didi tso afi si wole la gbɔ agbadroƒe ʋɛ aɖewo ko. Sea bia tso vidada si be wòasa ŋutikɔklɔvɔ le gbedoxɔa me ne edzi ŋutsuvi wòxɔ ŋkeke 40.—3 Mose 12:4-8\nNu mae Maria wɔ. Xevi sue evee wòtsɔ vɛ be yeatsɔ asa vɔ lae. Esia ɖe nane fia ku ɖe Yosef kple Maria ƒe ganyawo ŋu. Sea bia be woatsɔ alẽtsui ɖeka kple xevi ɖeka asa vɔe. Gake ne vidadaa mate ŋu ana esia o la, ate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Nu siawoe Maria tsɔ sa vɔe le eƒe nɔnɔmea ta.\nLe gbedoxɔa me la, amegãɖeɖi aɖe te ɖe Yosef kple Maria ŋu. Eŋkɔe nye Simeon. Mawu ɖee fiae be akpɔ Kristo, alo Mesia si ŋugbe Yehowa do la hafi aku. Le ŋkeke sia dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea na Simeon yi gbedoxɔa me, afi si wòkpɔ Yosef kple Maria kpakple ɖevi si wolé ɖe asi la le. Simeon xɔ vidzĩ la.\nEsi Simeon xɔ Yesu ɖe asi la, eda akpe na Mawu gblɔ be: \"Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã, èɖe mɔ na wò kluvi la be wòaku le ŋutifafa me abe ale si nègblɔe ene, elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ŋkume la, kekeli si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa, eye wònye wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.\"—Luka 2:29-32.\nEsi Yosef kple Maria se nya sia la, ewɔ moyaa na wo. Simeon yra wo eye wògblɔ na Maria be \"woɖo [via] anyi hena ame geɖewo ƒe anyidzedze kple ame geɖewo ƒe dodoɖedzi le Israel,\" eye nuxaxa aƒo ɖe Maria abe yi ɖaɖɛ ene.—Luka 2:34.\nAme bubu aɖe hã nɔ eteƒe gbe ma gbe. Eyae nye Hana, nyɔnu nyagblɔɖila si xɔ ƒe 84. Le nyateƒe me la, medzona le gbedoxɔa me o. Le gaƒoƒo ma tututu me la, ete ɖe Yosef, Maria kple Yesu, vidzĩ la ŋu. Hana te akpedada na Mawu kple nuƒoƒo tso Yesu ŋu na ame siwo katã aɖo toe.\nKpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Yosef kple Maria le gbedoxɔ me nudzɔdzɔ siawo ta ɖa! Esiawo katã ɖo kpe edzi na wo be ɖevi lae nye Ame Si Ŋugbe Mawu Do vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/vidz%C4%A9-yesu-gbedox%C9%94\/","date":"2020-06-03T09:36:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347432521.57\/warc\/CC-MAIN-20200603081823-20200603111823-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99861902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998619019985199}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nCuba\nAve. 15 #4608 e\/ 46 y 48\nPLAYA, LA HABANA\nCUBA\n+53 7 204 7598\n+53 7 204 1026\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8:00 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1:00 va se ɖe ɣetrɔ 5:00.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/cuba\/","date":"2020-06-02T01:40:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422065.56\/warc\/CC-MAIN-20200602002343-20200602032343-00299.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989757538,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989757537841797}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.353,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Bibia ɖo eŋui\nYesu yomedzelawo mebu Yesu be esɔ kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ ɖi be esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, \"Mawu [do Yesu] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe.\" Eme kɔ ƒãa be Paulo mebui be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Ne menye nenema o la, aleke wɔ Mawu agado Yesu ɖe dzi wòava nɔ ɖoƒe kɔkɔ?—Filipitɔwo 2:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/yesue-nye-%C5%8Bus%E1%BA%BDkat%C3%A3t%C9%94a\/","date":"2020-05-26T10:08:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00381.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9910017252,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9910017251968384}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.094,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ROSALIND, si tsi le England la di vevie be sidzedze geɖe wu nasu ye si le agbe me. Edi be yeakpe ɖe amewo ŋu hã. Esi wòwu suku nu la, ekpɔ dɔ gã aɖe si bia be wòanɔ kpekpeɖeŋu nam aƒemanɔsitɔwo, eye wòkpena ɖe nuwɔametɔwo hã ŋu. Togbɔ be ekpɔ dɔ nyui nɔ wɔwɔm, eye nuwo de edzi hã la, egblɔ be, \"Tso ɣeaɖeɣi ke mebiana be, 'Nu ka tae míele agbe ɖo?' eye 'Taɖodzinu kae le agbea ŋu?'\"\nNu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?\nAmegbetɔwo mele abe lã siwo mebua tame la ene o. Ŋutete le míawo ya si be míasrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la me, awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu, eye míadi taɖodzinu si le agbea ŋu.\nAleke ame aɖewo ɖoa eŋui?\nAme geɖe gblɔna be taɖodzinu si koŋ le agbea ŋue nye be nàkpɔ kesinɔnuwo alo axɔ ŋkɔ, si awɔe be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me.\nNu kae ŋuɖoɖo ma fia?\nMíawo ŋutɔwoe atso nya me le nu siwo le vevie wu le agbe me ŋu. Míaƒe didiwo le vevie wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.\nNu kae nye Biblia ƒe nufiafia?\nKesinɔnu geɖe nɔ Fia Salomo si, eye wòti dzidzɔkpɔkpɔ yome vevie, gake eva de dzesii be nu siawo menana viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu ɖaa o. Eva de dzesi nu si koŋ nana taɖodzinu nɔa agbea ŋu esi wògblɔ be: \"Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!\" (Nyagblɔla 12:13) Nu kae wòbia be míalé Mawu ƒe sewo me ɖe asi?\nTame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu dometɔ ɖekae nye be míase vivi le agbe me. Salomo ŋlɔ bena: \"Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe ale si mekpɔe ene.\"—Nyagblɔla 2:24.\nMawu di hã be míalɔ̃ míaƒe ƒomea me tɔwo ahalé be na wo. De dzesi mɔfiame kpui siawo siwo wɔa dɔ, si wòna ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe.\n- \"[Ele] be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.\"—Efesotɔwo 5:28.\n- \"Ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.\"—Efesotɔwo 5:33.\n- \"Ðeviwo, miɖo to mia dzilawo.\"—Efesotɔwo 6:1.\nNe míewɔ ɖe Biblia me mɔfiame siawo dzi la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme aɖe si nu. Gake nu vevitɔ si míate ŋu awɔe nye be míasrɔ̃ nu sia nu si wòanya wɔ be míasrɔ̃ tso mía Wɔla la ŋu, eye míate ɖe eŋu anye exɔlɔ̃wo. Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be 'míate ɖe Mawu ŋu.' Eye wògblɔ kakaɖedzinya siawo kpee be: \"Ate ɖe mia ŋu.\" (Yakobo 4:8) Ne èwɔ ɖe amekpekpe sia dzi la, taɖodzinu vavã anɔ wò agbe ŋu.\nRosalind, si ŋu nya míegblɔ va yi la, va se le eɖokui me fifia be yenya taɖodzinu si le agbea ŋu. Àte ŋu axlẽ nu si wògblɔ be eyae kpe ɖe ye ŋu yetrɔ yeƒe susu la le magazine sia ƒe axa 10 lia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20121101\/purpose-of-life\/","date":"2020-05-28T18:49:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347399830.24\/warc\/CC-MAIN-20200528170840-20200528200840-00571.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979968071,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979968070983887}","num_words":501,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆNUVI si kpɔm nèle le afisia la xɔ ƒe 12. Yesu lé eƒe asi ɖe asi, eye dadaa kple fofoa wole tsitre ɖe wo gbɔ. Ènya nusita wole dzidzɔ kpɔm nenema? Na míakpɔe ɖa.\nNyɔnuvi la fofo nye ame vevi aɖe, si ŋkɔe nye Yairo. Gbeɖeka la, vianyɔnuvia dze dɔ eye wotsɔe mlɔ aba dzii. Gake dɔa mele kakam ɖe eme nɛ o. Dɔa le nyanyram ɖe edzi boŋ. Yairo kple srɔ̃a woxa nu ŋutɔ, elabena ewɔ abe wo vi nyɔnuvi sue la ɖe wòle kuku ge ene. Eya koe nye nyɔnuvi, si le wo si. Eyata Yairo yi Yesu di ge. Ese nukunu, siwo wɔm Yesu le la ŋkɔ.\nEsi Yairo kpɔ Yesu la, ameha gã aɖe ƒo xlãe. Gake Yairo to ameha la dome hedze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ gblɔ be: 'Vinye nyɔnuvi dze dɔ sesĩe ŋutɔ. Taflatse, va, eye nàna eƒe lãme nasẽ.' Yesu gblɔ be yele vava ge.\nEsi wonɔ yiyim la, ameha la nɔ wo nɔewo tutum be yewoate ɖe eŋu. Enumake Yesu tɔ hebia be: 'Amekae ka asi ŋunye?' Yesu se le eɖokui me be ŋusẽ do le ye me; eyata enya be ame aɖe ka asi ye ŋu. Gake amekae? Nyɔnu aɖe si le dɔ lém hena ƒe 12 sɔŋ lae. Eya hã va heka asi Yesu ƒe awuwo ŋu, eye dɔa vɔ nɛ!\nEsia na Yairo ƒe dzi dze eme, elabena ekpɔ be Yesu ate ŋu ada dɔ na ame bɔbɔe. Gake dɔla aɖe va hegblɔ na Yairo be: 'Dzudzɔ fuɖeɖe na Yesu. Viwò la ku.' Yesu se nya la, eye wògblɔ na Yairo be: 'Mègavɔ̃ o, eƒe lãme asẽ.'\nEsi woɖo Yairo ƒe aƒeme la, ameawo nɔ avi fam kple nuxaxa vevie. Gake Yesu gblɔ be: 'Migafa avi o. Ðevi la meku o. Alɔ̃ ko dɔm wòle.' Gake woko Yesu heɖu fewu le eŋu, elabena wonya be ɖevi la ku.\nEmegbe Yesu kplɔ nyɔnuvi la fofo kple dadaa kpakple eƒe apostolo etɔ̃ yi xɔ, si me ɖevia mlɔ la me. Elé eƒe asi hegblɔ be: 'Tsi tre!' Eye nyɔnuvia gbɔ agbe abe alesi nèle ekpɔm le afisia ene. Tete wòtsi tre hezɔ azɔli! Ema tae dzi le dadaa kple fofoa dzɔm vevie nenema ɖo.\nMenye esiae nye ame gbãtɔ si Yesu fɔ ɖe tsitre o. Gbãtɔ, si ƒe nya Biblia gblɔ lae nye ahosi aɖe si le Nain la ƒe viŋutsu. Emegbe la, Yesu fɔ Lazaro, Maria kple Marta nɔviŋutsu ɖe tsitre. Ne Yesu le dzi ɖum abe Mawu ƒe fia ene la, afɔ ame kuku geɖewo va agbe mee. Ðe esia mado dzidzɔ na mí oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-f%C9%94-yairo-viny%C9%94nua\/","date":"2020-07-02T19:36:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655879738.16\/warc\/CC-MAIN-20200702174127-20200702204127-00546.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989844561,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989844560623169}","num_words":429,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNƆNƆMETATA ƑE DƆDEASIWO\nAʋawɔnu Menɔ David Si O, Gake Ewɔ Nu Dzinɔameƒotɔe\nTsɔ ame kple nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le David kple Goliat ƒe ŋutinyaa me la ƒe nɔnɔmetatawo sɔ kple wo nɔewo eye nàdzro nu si tae dzi nɔ David ƒo nenema gbegbe la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/n%C9%94n%C9%94metata-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/david-w%C9%94-nu-dzin%C9%94ame%C6%92ot%C9%94e\/","date":"2020-07-02T10:37:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655878639.9\/warc\/CC-MAIN-20200702080623-20200702110623-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994364977,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994364976882935}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.298,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame ka tututue le xexe sia dzi ɖum?\nAme geɖe xɔe se be Mawu vavã lae le xexe sia dzi ɖum. Ne nya sia nye nyateƒe la, ɖe fukpekpe axɔ aƒe ɖe anyigba dzi alea gbegbea? (5 Mose 32:4, 5) Biblia na míenya be ame vɔ̃ɖi aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia dzi.\nAleke wòdzɔe be ame vɔ̃ɖi aɖee va kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi? Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòble atsu kple asi gbãtɔa hã nu be woadze aglã. (1 Mose 3:1-6) Wotiae be yewoaɖo to Satana, mawudɔla dzeaglã ma. Aleae wòdzɔe be wòva zu wo dzi ɖula. Gake Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖeɖe koe dze aɖu xexea dzi, ke hã edi be amegbetɔwo natia yeƒe dziɖuɖu le esi wolɔ̃ ye ta. (5 Mose 6:6; 30:16, 19) Nublanuitɔe la, woble ame akpa gãtɔ wowɔ tiatia gbegblẽ si atsu kple asi gbãtɔa wɔ.\nAme kae akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ?\nÐe Mawu aɖe mɔ ɖe Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia ŋu ɖaa? Ao! Mawu ato Yesu dzi aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo.\nMawu ana ŋusẽ Yesu be wòatsrɔ̃ Satana. (Romatɔwo 16:20) Emegbe Mawu aɖu ameƒomea dzi eye wòaɖɔ nu sia nu ɖo ale be ameƒomea nanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140501\/ame-kae-le-xexea-dzi-%C9%96um\/","date":"2020-07-12T00:27:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657129257.81\/warc\/CC-MAIN-20200711224142-20200712014142-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989386201,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989386200904846}","num_words":212,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le October 22, 2014 dzi la, Dukplɔla Berdimuhamedov xɔ nya ɖe Yehowa Ðasefo enyi siwo wolé de gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta la nu.\nWoɖe asi le Bibi Rahmanova ŋu le ga me esi menɔ mɔ kpɔm nɛ o le September 2, 2014 dzi. Togbɔ be xexea katã nɔ dzɔdzɔenyenye dim le nya sia me hã la, ʋɔnudrɔ̃lawo lé woƒe alakpanutsotso me ɖe asi.\nWonya Turkmenistan dziɖuɖua be esẽa ŋuta le Yehowa Ðasefowo ŋu eye meɖea mɔ na wo be woawɔ amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi siwo wodze na la ŋu dɔ o. Dziɖuɖumegã siwo le Dashoguz wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Bibi Rahmanova kple eƒe ƒomea ŋu nyitsɔ laa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/turkmenistan\/","date":"2020-07-16T15:00:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657169226.65\/warc\/CC-MAIN-20200716122414-20200716152414-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971510172,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971510171890259}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2002 Gbɔgbɔ Vɔ̃woe Le Ewɔma? Satana Nyakpakpae loo alo Vɔ̃ɖitɔ si Li Ŋutɔŋutɔe? \"Mitsi Tre Ðe Abosam Ŋu\" Yehowa Léa Be Na Mi Dzidzɔɣeyiɣi aɖe Le Balkan-nutowo Me Vihehe le Dutanyigba Dzi Eme Kuxiwo Kple Teƒeɖoɖowo Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naʋã Ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021015\/","date":"2020-07-12T23:53:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657140337.79\/warc\/CC-MAIN-20200712211314-20200713001314-00484.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99573493,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957349300384521}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nIndonesia\nSaksi-Saksi Yehuwa Indonesia\nAPL Tower 31st Floor\nJl. S. Parman Kav. 28\nJakarta 11470\nINDONESIA\n+62-21-2986-0800\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/indonesia\/","date":"2020-07-13T21:56:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657146845.98\/warc\/CC-MAIN-20200713194203-20200713224203-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994039536,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994039535522461}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Wò nyawo neku ɖe nu siwo naa mɔkpɔkpɔ ame kple nu siwo dea dzi ƒo na ame la koŋ ŋu, ke menye kuxiwo ŋu o.\nALE SI NÀWƆE:\nSusu nyui nenɔ asiwò ɖe wò nyaselawo ŋu. Ka ɖe edzi be wò haxɔsetɔwo di be yewoadze Yehowa ŋu. Ne ehiã be nàɖo aɖaŋu na wo gɔ̃ hã la, gbã, kafu wo tso dzi me ɣesiaɣi si wòanya wɔ.\nMègaƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu fũu o. Ne ehiã kokoko be nàƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu la, ke wɔ esia le go siwo me wòahiã le be nàtsɔe afia nu vevi aɖewo wò nyaselawo ko. Ke hã, wò nuƒo alo dɔdeasi bliboa netu ame ɖo.\nWɔ Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ nyuie. He wò nyaselawo ƒe susu yi nu siwo Yehowa wɔ na amegbetɔwo, nu siwo wɔm wòle na wo kple nu siwo wòava wɔ na wo la dzi. De dzi ƒo na wò nyaselawo eye nàna woanɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/16-nyawo-nede-dzi-%C6%92o-w%C3%B2atu-ame-%C9%96o\/","date":"2020-08-14T00:06:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00233.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980205894,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998020589351654}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Abosam wɔ va dzɔ?\nMawu mewɔ Abosam o, ke boŋ ewɔ mawudɔla si va wɔ eɖokui Abosam, si wogayɔna be Satana la. Yesu ƒe nyawo ɖee fia be Abosam nye anukwareɖila kple ame maɖifɔ kpɔ va yi. Eya ta tsã la, Abosam nye Mawu ƒe dɔla dzɔdzɔeawo dometɔ ɖeka.—Xlẽ Yohanes 8:44.\nAleke wòdzɔe be mawudɔla aɖe va zu Abosam?\nMawudɔla si va zu Abosam la tiae be yeadze aglã ɖe Mawu ŋu, eye wòble mía dzila gbãtɔwo hã kpe ɖe eɖokui ŋu. Eto esia dzi wɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye \"Tsitretsiɖeŋula.\"—Xlẽ 1 Mose 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9.\nAbe ale si wòle le Mawu ƒe nuwɔwɔ bubu siwo si nunya le gome ene la, ablɔɖe le mawudɔla si va zu Abosam la hã si be wòatiae nenye be yeawɔ nu nyui alo nu vɔ̃, gake eva di vevie be woade ta agu na ye. Ŋutikɔkɔedidi na eɖokui nɔ vevie nɛ wu Mawu ŋu dzedze.—Xlẽ Mateo 4:8, 9; Yakobo 1:13, 14.\nMɔ kawo dzie Abosam to gale ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi? Ðe wòle be nàvɔ̃ea? Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le Biblia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130201\/aleke-abosam-w%C9%94-va-dz%C9%94\/","date":"2020-08-03T22:57:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735836.89\/warc\/CC-MAIN-20200803224907-20200804014907-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989609718,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989609718322754}","num_words":177,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi mí katã míenye ame madeblibowo ta la, míedzea dɔ; ɣeaɖewoɣi enyea dɔléle sesẽwo gɔ̃ hã. Ne edzɔ alea la, nu kawoe kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?\nNu vevi siwo kpena ɖe mía ŋu dometɔ ɖekae nye akɔfafa si míekpɔna tso ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo kple haxɔsetɔwo gbɔ.\nXɔlɔ̃ lɔ̃ame ƒe nya fakɔnamewo ate ŋu anɔ abe dɔmi si daa gbe le ame ŋu henana ame ƒe lãme hayana ene. (Lod. 16:24; 18:24; 25:11) Gake menye ale si amewo afa akɔ na mí ŋu koe mí Kristotɔ vavãwo míetsia dzi ɖo o. Ke boŋ míetsia dzi ɖe ale si míawo hã \"míato akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi afa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la\" hã ŋu. (2 Kor. 1:4; Luka 6:31) Antonio, si nye nutome gã dzikpɔla le Mexico, kpɔ nya sia ƒe vevienyenye dze sii.\nEsi ɖɔktawo kpɔ ʋu me kansa, si nye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe, le Antonio ŋu la, eƒe dzi gbã vevie. Ke hã, edze agbagba be yeaɖu yeƒe blanuiléle dzi. Nu kae wòwɔ? Edzea agbagba ɖoa ŋku Fiaɖuƒehawo dzi hedzia wo be yeanɔ emenyawo sem ahanɔ ŋugble dem le wo ŋu. Nu bubu siwo hã fa akɔ nɛ geɖe ye nye kokoƒoƒo na Yehowa kple Biblia la xexlẽ.\nGake Antonio va de dzesii be, nu vevi siwo kpe ɖe ye ŋu la dometɔ ɖekae nye haxɔsetɔwo ƒe akɔfaname. Egblɔ be: \"Ne dzi ɖe le nye kple srɔ̃nye ƒo la, míeyɔa hamemetsitsi aɖe si nye míaƒe ƒometɔ wòva doa gbe ɖa kpli mí. Esia faa akɔ na mí ŋutɔ, eye wònana míaƒe dzi dzea eme.\" Egblɔ kpee be: \"Le nyateƒe me la, le míaƒe ƒometɔwo kple haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, míete ŋu ɖu blanuilélea dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.\" Aleke gbegbe wòdaa akpe ɖe xɔlɔ̃ lɔ̃ame lébename siawo tae nye esi!\nNu bubu si kpena ɖe ame ŋu le xaxaɣiwoe nye gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe Mawu do. Apostolo Petro gblɔ be \"nunana faa\" ye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye. (Dɔw. 2:38) Esia dze kɔtɛ esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame gbogbo aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Gbɔgbɔ kɔkɔea nye nunana si kpɔtɔ li na mí katã egbea. Enye nunana si mavɔ akpɔ o; eya ta nu ka tae màyi ebiabia dzi be woana wò le agbɔsɔsɔ me o?—Yes. 40:28-31.\nTSƆ ÐE LE EME NA AME SIWO LE FU KPEM LA VEVIE\nApostolo Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖewo me, edze ŋgɔ ku ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. (2 Kor. 1:8-10) Gake Paulo mevɔ̃na na ku o. Enya be Mawu le megbe na ye, eye esia fa akɔ nɛ geɖe. Egblɔ be: \"Woayra mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu kple Fofo, ame si nye dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.\" (2 Kor. 1:3, 4) Paulo mena eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui o. Ke boŋ nu siwo me wòto la kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ veveseɖeamenu, si na wòsu te be wòafa akɔ na ame bubu siwo ɖo xaxa me.\nEsi Antonio va haya la, ete ŋu gatrɔ yi eƒe mɔzɔzɔdɔa dzi. Togbɔ be etsɔa ɖe le haxɔsetɔwo me xoxoxo hã la, le nudzɔdzɔ sia megbe la, eya kple srɔ̃a wodze agbagba etɔxɛe be yewoasrã nɔvi siwo dze dɔ la akpɔ ahado ŋusẽ wo. Le kpɔɖeŋu me, esi Antonio yi ɖakpɔ Kristotɔ aɖe si dze dɔ vevie ɖa la, ede dzesii be kpekpeawo dede megadzroa nɔviŋutsu sia o. Antonio ɖe eme be: \"Menye ɖe nɔviŋutsua melɔ̃ Yehowa alo nɔviawo o, ke boŋ eƒe dɔlélea ye kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ale gbegbe be wòle sesem le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o.\"\nNu siwo Antonio wɔ tsɔ de dzi ƒo na nɔviŋutsu sia si dze dɔ la dometɔ ɖekae nye be, ebia tso esi be wòado gbe ɖa le kpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me. Togbɔ be nɔviŋutsua se le eɖokui me be yemedze o hã la, elɔ̃ ɖe edzi. Antonio gblɔ be: \"Edo gbea ɖa nyuie ŋutɔ, eye ema megbe la, eƒe nɔnɔme trɔ enumake. Ekpɔe be viɖe gale ye ŋu.\"\nNyateƒee, mí katã míedoa dzi le fukpekpewo me, woɖanye suewo alo gãwo o. Gake abe ale si Paulo gblɔe ene la, esia ana míasu te afa akɔ na ame bubu siwo hã le xaxawo me tom. Eya ta mina míatsɔ ɖe le fu siwo kpem mía nɔvi Kristotɔwo le me, eye míafa akɔ na wo le mía Mawu Yehowa sɔsrɔ̃ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20130315\/fa-ak%C9%94-na-amewo\/","date":"2020-08-06T20:14:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737019.4\/warc\/CC-MAIN-20200806180859-20200806210859-00508.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9935803413,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9935803413391113}","num_words":736,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ame aɖewo susu be Biblia me nyawo do xoxo, ame bubuwo hã susu be asixɔxɔ gale emenyawo ŋu na mí kokoko. Nu kae nèsusu?\nMawunyakpukpui: 2Ti 3:16, 17\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso Biblia me nunya si sɔ na mí egbea ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu eye wòfia nu si míawɔ be Biblia xexlẽ naɖe vi na mí bliboe.\nFIA NYATEƑEA\nNYA NYUI GBALẼA?\nNyabiase: Ame aɖewo susuna be Biblia me nyagblɔɖiwo xexlẽ le ko abe nyadzɔdzɔgbalẽ xexlẽ ene. Èse nu tso nɔnɔme siawo siwo ŋu nya wogblɔ ɖia dometɔ aɖe ŋu kpɔa?\nMawunyakpukpui: 2Ti 3:1-5\nNya Si Nàgblɔ: Agbalẽ gbadza sia ƒo nu tso nu si ta nɔnɔme siawo siwo ɖem amewo le fia nye nya nyui na ame siwo lɔ̃ Mawu. [He susu yi nusɔsrɔ̃ 1, nyabiase 2 lia dzi.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2020-08-15T08:04:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00488.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979052544,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979052543640137}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.156,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"15 Mawu ƒe gbɔgbɔ va Azariya, Oded vi dzi. 2 Eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ be: \"Oo Asa kpakple Yuda kple Benyamin blibo la katã, miɖo tom! Yehowa anɔ kpli mi zi ale si mieli kplii;+ eye ne miedii la, ana miake ɖe eŋu,+ gake ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.+ 3 Mawu vavã la, nunɔla siwo nye nufialawo, kple se aɖeke menɔ Israel si o hena ɣeyiɣi didi aɖe.*+ 4 Ke esi woɖo xaxa me, eye wotrɔ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu hedii la, ena woke ɖe eŋu.+ 5 Ɣemaɣi la, afɔku le mɔzɔzɔ me,* elabena zitɔtɔ geɖe nɔ anyigba la dzi nɔlawo katã dome. 6 Dukɔ kple dukɔ nɔ wo nɔewo tsrɔ̃m, eye du kple du nɔ wo nɔewo tsrɔ̃m, elabena Mawu na zitɔtɔ ɖo wo dome le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi ta.+ 7 Ke miawo la, misẽ ŋu, eye dzi megaɖe le mia ƒo o,*+ elabena woaɖo miaƒe dɔwɔwɔ teƒe na mi.\" 8 Esi Asa nya se Azariya ƒe nya siawo kple nyagblɔɖila Oded ƒe nyagblɔɖia ko la, dzi ɖo eƒo, eye wòna woɖe legba nyɔŋuwo ɖa le Yuda-nyigba+ blibo la dzi kple Benyamin kpakple du siwo wòxɔ le Efrayim tonutoa me la me, eye wòɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si le Yehowa ƒe akpataa ŋgɔ la ɖo.+ 9 Eye wòƒo Yuda blibo la kple Benyamin nu ƒu hekpe ɖe amedzro siwo tso Efrayim kple Manase kpakple Simeon,+ siwo le wo gbɔ la ŋu, elabena amedzro gbogbo aɖee dzo le Israel va eƒe akpa dzi, esi wokpɔ be Yehowa eƒe Mawu la li kplii ta. 10 Eya ta woƒo wo nu ƒu ɖe Yerusalem le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia ƒe ɣleti etɔ̃lia me. 11 Eye wotsɔ aboyonu siwo wotsɔ gbɔe la ƒe ɖe sa vɔ na Yehowa gbe ma gbe: nyi alafa adre kple alẽ akpe adre. 12 Gawu la, wobla nu kple Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la be yewoadii tso dzi blibo kple luʋɔ* blibo me.+ 13 Ame sia ame si madi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o la, woawui, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o.+ 14 Eye wodo ɣli sesĩe ka atam na Yehowa hetso aseye, eye woku kpẽwo kple lãdzowo. 15 Eye Yuda blibo la gli kple dzidzɔ le atam si woka la ta, elabena woka atam la tso dzi blibo me, eye dzidzɔ bliboe wotsɔ dii, ale be wòna woke ɖe eŋu,+ eye Yehowa na gbɔdzɔe wo le go sia go me.+ 16 Fia Asa ɖe mamaa Maaka+ gɔ̃ hã ɖa be wòaganye nyɔnufia* azɔ o, elabena ewɔ legba nyɔŋu aɖe na Asera* subɔsubɔ;+ Asa mu eƒe legba nyɔŋu la ƒu anyi, eye wògbãe hetɔ dzoe ɖe Kidron-tɔʋu+ la me. 17 Ke womeɖe+ nuxeƒeawo ya ɖa le Israel o.+ Gake Asa ƒe dzi nɔ blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me.+ 18 Eye wòtsɔ nu siwo ŋu fofoa kɔ kple nu siwo ŋu eya ŋutɔ kɔ, va Mawu vavã la ƒe aƒe la me: klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnuawo.+ 19 Aʋa aɖeke megadzɔ o, va se ɖe Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃lia me.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"hena ŋkeke geɖe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋutifafa aɖeke menɔ anyi na ame si doa go alo ame si gbɔna la o.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"miaƒe asi megado agblɔ o.\"\n^ Alo, \"aƒenɔ bubutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/15\/","date":"2020-08-13T03:39:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738950.61\/warc\/CC-MAIN-20200813014639-20200813044639-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993819594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999381959438324}","num_words":529,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"38 Le ŋkeke mawo me la, Hizkiya dze dɔ de kuku ge kloe.+ Eya ta nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ be, \"Ale Yehowa gblɔe nye esi: 'Wɔ ɖoɖo na wò aƒemetɔwo, elabena èle kuku ge; màhaya o.'\"+ 2 Enumake Hizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa be: 3 \"Oo Yehowa, meɖe kuku, ɖo ŋku+ ale si mezɔ le ŋkuwòme le nyateƒe kple dzi blibo me,+ eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.\" Eye Hizkiya fa avi hehehe. 4 Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: 5 \"Trɔ yi nàɖagblɔ na Hizkiya be,+ 'Ale Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: \"Mese wò gbedodoɖa.+ Mekpɔ wò aɖatsiwo.+ Kpɔ ɖa, mats�� ƒe wuiatɔ̃ akpe wò agbenɔƒewo,*+ 6 maɖe wò kple du sia tso Asiria-fia si me, eye maʋli du sia ta.+ 7 Esiae nye dzesi na wò tso Yehowa gbɔ, be Yehowa awɔ nya si wògblɔ la dzi:+ 8 Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli si ɣe na wòdze Ahaz ƒe atrakpuiawo* dzi la nagbugbɔ ɖe megbe afɔ ewo.\"'\"+ Ale ɣe la gbugbɔ ɖe megbe afɔ ewo tso atrakpui siwo dzi wòva ɖo la. 9 Yuda-fia Hizkiya ƒe nya si wòŋlɔ, esime wòdze dɔ, eye wòhaya tso eƒe dɔlélea me lae nye esi: 10 Megblɔ be: \"Le nye agbemeŋkekewo ƒe domedome la,Mage ɖe Tsiẽƒe* ƒe agbowo me. Woaxɔ nye agbenɔƒe susɔeawo le asinye.\" 11 Megblɔ be: \"Nyemakpɔ Yah,* Yah, le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.+ Nyemagakpɔ amegbetɔwo azɔ o,Ne mele ame siwo dome nu sia nu nu yi le la gbɔ. 12 Woho nye nɔƒe hetsɔe dzoe le gbɔnye+Abe alẽkplɔlawo ƒe agbadɔ ene. Meŋlɔ́ nye agbe abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔ́a avɔe ene.Etsom ɖa abe ale si avɔlɔ̃la tsoa kawo le agbati me ene. Ètsɔam dea asi zã kple keli.+ 13 Mefa dzi na ɖokuinye va se ɖe ŋdi. Egbãa nye ƒuwo katã abe dzata ene;Ètsɔam dea asi zã kple keli.+ 14 Mele fafam abe sagbadre kple tsãlɛ* ene;+Mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene.+ Nye ŋkuwo kpɔ dzi ʋuu nu te wo ŋu:+ 'Oo, Yehowa mele nu xam ŋutɔ,Kpe ɖe ŋunye!'*+ 15 Nya kae magblɔ? Eƒo nu nam eye wòwɔe hã. Le nye agbemeŋkekewo katã me la, mazɔ ɖokuibɔbɔtɔeLe nye vevesesewo ta.* 16 'Oo Yehowa, nu siawo* tae ame nɔa agbe ɖo,Eye nu siawo mee nye gbɔgbɔ le agbe le. Àgana lãmesẽm, eye àxɔm ɖe agbe.+ 17 Kpɔ ɖa, veve sɔŋ xɔ ɖe tomefafa teƒe nam;Gake esi nèlɔ̃m* taÈɖem tso tsɔtsrɔ̃ ƒe do me.+ Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.*+ 18 Elabena Tsiẽƒe* mate ŋu ado wò ɖe dzi o,+Ku mate ŋu akafu wò o.+ Aʋlimeyilawo mate ŋu anɔ mɔ kpɔm na wò nyateƒetɔnyenye o.+ 19 Agbagbeawo, agbagbeawo koe akafu wò,Abe ale si mete ŋu le ewɔm egbe sia ene. Fofowo agblɔ wò nyateƒetɔnyenye na wo viwo.+ 20 Oo Yehowa, xɔ nam,Eye míatsɔ kasaŋkuwo aƒo nye hawo+Le míaƒe agbemeŋkekewo katã me le Yehowa ƒe aƒe la me.'\"+ 21 Eye Yesaya gblɔ be: \"Mitsɔ gbotsetse ƒuƒu kɔ vɛ, eye mitsɔe ɖo ƒoƒoe la dzi, ne wòahaya.\"+ 22 Do ŋgɔ la, Hizkiya bia be: \"Nu kae nye dzesi be magayi Yehowa ƒe aƒe la me?\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"agbemeŋkekewo.\"\n^ Ðewohĩ wozãa atrakpui siawo tsɔ bua game, abe ale si wònɔna le ɣegaƒoƒofianu dzi ene.\n^ \"Yah\" nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.\n^ Alo, \"avese.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"da megbe nam.\"\n^ Alo, \"luʋɔ ƒe vevesese ta.\"\n^ Efia, Mawu ƒe nyawo kple nuwɔnawo.\n^ Alo, \"nèlɔ̃ nye luʋɔ.\"\n^ Alo, \"Èɖe nye nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/38\/","date":"2020-09-20T10:34:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400197946.27\/warc\/CC-MAIN-20200920094130-20200920124130-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991778135,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991778135299683}","num_words":556,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame si hiã tu ƒe gbedodoɖa, ne mɔkpɔkpɔ bu ɖee,* eye wòtrɔ eƒe dzimaɖitsitsiwo ƒo ɖe Yehowa ŋkume.+ 102 Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa;+Eye nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.+ 2 Mègaɣla wò mo ɖem ne meɖo xaxa me o.+ Ƒu to anyi ɖe ŋunye;*Ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.+ 3 Elabena nye ŋkekewo nu le yiyim abe dzudzɔ ene,Eye nye ƒuwo ʋu dzo hɛ̃e abe mlekpui me ene.+ 4 Woƒo nye dzi abe gbe ene, eye wòyrɔ,+Elabena meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be. 5 Le nye ŋeŋe sesĩe ta,+Nye ŋutilã lé ɖe nye ƒuwo ŋu kpaɖii.+ 6 Meɖi aluge si le gbedzi;Mele abe ʋlukuku si le aƒedowo me ene. 7 Metsi zãdomadɔlɔ̃e;*Eye mele abe xevi tsiakogo le xɔ ta ene.+ 8 Nye futɔwo ɖea alɔme le ŋunye ŋkeke bliboa.+ Ame siwo doa vlom la tsɔa nye ŋkɔ wɔa ɖiŋudonui. 9 Elabena dzofi zu abolo meɖuna,+Eye nye nunono tɔtɔ kple aɖatsi,+ 10 Le wò dɔmedzoe kple dziku ta,Elabena ède asi tenye, be yeatsɔm aƒu gbe. 11 Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli si nu le yiyim ene,*+Eye meyrɔ abe gbe ene.+ 12 Ke wò la, Oo Yehowa, ànɔ anyi tegbetegbe,+Eye wò ŋkɔxɔxɔ* anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.+ 13 Àtso akpɔ nublanui na Zion godoo,+Elabena enuveɣi ɖo;+Ɣeyiɣi ɖoɖi la de.+ 14 Elabena eƒe xɔtukpewo dzea wò subɔlawo ŋu+Eye eƒe kewo gɔ̃ hã xɔ asi na wo.+ 15 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,Eye anyigbadzifiawo katã avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.+ 16 Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso;+Ado le eƒe ŋutikɔkɔe me.+ 17 Atrɔ ɖe wɔnamanɔŋutɔwo ƒe kokoƒoƒo ŋu;+Eye mado vlo woƒe gbedodoɖa o.+ 18 Woŋlɔ esia ɖi na megbeviwo,+Ale be ame siwo ava dzɔ* la nakafu Yah. 19 Elabena ekpɔa nu tso eƒe kɔkɔeƒe si le dzi,+Yehowa kpɔa anyigba la tso dziƒo, 20 Ne wòase gamenɔla ƒe hũɖeɖe,+Ne wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na,+ 21 Ale be woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion,+Kple eƒe kafukafu le Yerusalem, 22 Ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo naƒo ƒu,Asubɔ Yehowa.+ 23 Exɔ ŋusẽ le asinye le mɔ ta;Eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ. 24 Mebe: \"Oo nye Mawu,Mègaɖem ɖa le nye agbemeŋkekewo ƒe domedome o;Wò Ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.+ 25 Gbe aɖe gbe kee nèɖo anyigba gɔme anyi,Eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.+ 26 Wo nu ava yi, ke wò ya ànɔ anyi;Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene. Àɖɔli wo abe awudodo ene, eye wo nu ayi. 27 Ke wò la, nenema ko nèle, eye nuwuwu meli na wò ƒewo gbeɖe o.+ 28 Wò subɔlawo ƒe viwo anɔ anyi dedie,Eye woƒe dzidzimeviwo ali ke ɖaa le ŋkuwòme.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ne egbɔdzɔ.\"\n^ Alo, \"Bɔbɔ nàlé to ɖe ŋunye.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Mezu ƒu ɖeɖe.\"\n^ Alo, \"vɔvɔli si le didim ɖe edzi ene.\"\n^ Alo, \"ŋkɔ.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋkuɖodzi.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ame siwo woava wɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/102\/","date":"2020-09-23T00:24:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400208095.31\/warc\/CC-MAIN-20200922224013-20200923014013-00679.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978973269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978973269462585}","num_words":431,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nEle be míado gbe ɖa na Mawu le Yesu ƒe ŋkɔ me elabe mɔ ma ko dzie Mawu be míato ado gbe ɖa na ye hafi yeasee. Yesu gblɔ be: \"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. \" (Yohanes 14:6)Yesu gblɔ hã na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: \"Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ne miebia nane Fofo la la, atsɔe ana mi le nye ŋkɔ me.\"—Yohanes 16:23.\nSusu bubu siwo ta míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me\nMíedea bubu Yesu kple Fofoa Yehowa Mawu ŋu.—Filipitɔwo 2:9-11.\nMíelɔ̃ ɖe ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le abe Nyaxɔɖeakɔla le Mawu kple amegbetɔwo dome la dzi.—Hebritɔwo 7:25.\nMíedea bubu ɖoƒe si le Yesu si abe Nunɔlagã ene ŋu, be enye ame si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ƒomedodo nyui nanɔ mí kple Mawu dome.—Hebritɔwo 4:14-16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/do-gbe-%C9%96a-le-yesu-%C6%92e-%C5%8Bk%C9%94-me\/","date":"2020-11-26T00:05:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141184870.26\/warc\/CC-MAIN-20201125213038-20201126003038-00272.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966831207,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966831207275391}","num_words":149,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AZà de na kpekpe vevi aɖe le Yerusalem. Fia David ƒo eƒe amegãwo, fiaŋumewo kple kalẽtɔwo katã nu ƒu. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi wose gbeƒãɖeɖe tɔxɛ aɖe. Yehowa tia David viŋutsu Salomo be wòatu xɔ gã nyadri si ŋu woakɔ hena tadedeagu na Mawu vavã la. Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖe xɔa ƒe nɔnɔmetata fia Israel ƒe fia tsitsi la, eye eya hã tsɔe de asi na Salomo. David gblɔ be: \"Dɔ la lolo, elabena menye amegbetɔe wole gbedoxɔ sia tu ge na o, ke boŋ Yehowa Mawue.\"—1 Kron. 28:1, 2, 6, 11, 12; 29:1.\nEyome David bia be: \"Ame kae lɔ̃ faa le eɖokui si egbea be yeana nu Yehowa?\" (1 Kron. 29:5) Ne ɖe ènɔ eteƒe la, nu kae nàwɔ? Ðe wò dzi aʋã wò be nàkpe asi ɖe dɔ gã ma ŋua? Israel-viwo tso kpla. Le nyateƒe me la, \"dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa na nu ta, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me.\"—1 Kron. 29:9.\nƑe alafawo megbe la, Yehowa ɖo nane anyi si lolo sãsãsã wu gbedoxɔa. Eɖo gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la anyi. Enye ɖoɖo si Yehowa wɔ to Yesu ƒe vɔsaa dzi be amewo nate ɖe ye ŋu asubɔ ye. (Heb. 9:11, 12) Egbea, mɔ ka dzie Yehowa to le kpekpem ɖe amewo ŋu be woadzra wo kpli ye dome ɖo? Ele ewɔm to nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si wɔm míele la dzi. (Mat. 28:19, 20) Dɔ sia wɔe be ƒe sia ƒe la, wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame miliɔn geɖe, wonyrɔa nusrɔ̃la akpe nanewo eye woɖoa hame yeye alafa geɖe.\nLe dzidziɖedzi siawo ta la, eva hiãna be woata Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe, woatu Fiaɖuƒe Akpatawo anɔ be lém na wo, eye woakpɔ teƒe siwo woanɔ takpekpe suewo kple g��wo wɔm le. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be gbeƒãɖeɖe nya nyuia nye dɔ gã si me teƒeɖoɖo nyuiwo hã le oa?—Mat. 24:14.\nLɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi kpakple ale si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la ʋãa Mawu ƒe amewo 'wolɔ̃na faa le wo ɖokui si naa nu Yehowa' to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi. Aleke gbegbe dzi dzɔa míe nye esi be míatsɔ míaƒe 'nunɔamesi veviwo ade bubu Yehowa ŋu' eye míakpɔ ale si woɖɔa ŋu ɖo zãa wo nuteƒewɔwɔtɔe hena alɔdodo dɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me!—Lod. 3:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2016\/d%C9%94-la-lolo\/","date":"2020-11-28T10:51:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195417.37\/warc\/CC-MAIN-20201128095617-20201128125617-00445.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997798562,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977985620498657}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Samuel Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Samuel ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Samuel BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Samuel Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Samuel Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012431\/univ\/art\/502012431_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/samuel\/","date":"2020-11-24T19:24:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176922.14\/warc\/CC-MAIN-20201124170142-20201124200142-00210.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977798462,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977798461914062}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yɔ\/Ŋlɔ agbalẽ na Ɖeviwo ƒe Biblia\nMía Nɔƒe\nWinnipeg: du aɖe si me ame abe 750, 000 ene le eye wòle Canada ƒe yaʋala dzi\nŊlɔ agbalẽ ɖo ɖe Mí\nBible for Children Inc.\nP.O. Box 3\nWinnipeg, MB R3C 2G1\nƉo E-mail ɖe Mí\nTaflatse yɔ wò dukɔ kple wò gbegblɔ na mí.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/bibleforchildren.org\/languages\/ewe\/contact.php","date":"2021-01-19T17:49:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703519600.31\/warc\/CC-MAIN-20210119170058-20210119200058-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993937016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993937015533447}","num_words":51,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Matsɔ nye dzi kple nye luʋɔ\n(With my heart and soul)\nAkafu nye Mawu\n(Will I praise my God)\nMatsɔ nye nye ŋutilã katã\n(With my entire body)\nAd' akpe na Yehowa\n(Will I thank Jehovah)\nNe mekpɔ nu siwo Mawu wɔ\n(If I see the things God has done)\nLɔlɔ̃ kple nublanui kpɔkpɔ\n(His love and mercy)\nO edze be, matsɔ ny' ametsi blibo\n(Oh I have to offer my whole body)\nAwɔ vɔsa na nye Mawu\n(As a sacrifice for my God)\nEye matsɔ nye aɖe akafui\n(And with my tongue I will praise Him)\nElabe Eya koe aɖem\n(Because He alone can deliver me)\nTso abosam ƒe asi me\n(From the hands of the devil)\nKple kluvi nyenye me\n(And his slavery)","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/mats%C9%94-nye-dzi-kple-nye-lu%CA%8B%C9%94\/","date":"2021-03-04T00:51:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178367949.58\/warc\/CC-MAIN-20210303230849-20210304020849-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980068803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980068802833557}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.144,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ nu geɖe wu tso Gbetakpɔxɔ ƒe dzesi xɔŋkɔ si le Brooklyn le New York la ŋu.\nTso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa Mawu ɖe eƒe ŋkɔa fia amegbetɔƒomea. Kpɔ ale si wokpɔ Mawu ƒe ŋkɔa ta le Biblia-gɔmeɖeɖe vovovowo me tso blema ke la ɖa.\nMarcellus ɖu mɔxenu geɖe dzi hafi te ŋu ɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States kple woƒe dɔwɔƒegã. Ðe wòɖe vi nɛa?\nAme siwo le Betel ƒe geɖewoe nye esia la ɖoa ŋku Brooklyn kple eƒe akpa si woyɔna be Adams Street 117 dzi kple dzidzɔ.\nEhiã be Yehowa Ðasefowo naʋu le dziƒoxɔ atɔ̃ siwo ƒe kekeme ade afɔbɔlƒoƒe 11 la me. Aleke lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ wɔ ɖe gamea dzi?\nLe gbebiame sia me la, George Couch gblɔ susu siwo tae Yehowa Ðasefowo ƒle agble evelia si gogo New York City, si míeyɔna be Gbetakpɔxɔgble la ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/betel\/","date":"2021-03-06T14:20:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178375096.65\/warc\/CC-MAIN-20210306131539-20210306161539-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998319149,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998319149017334}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ƒe 2014 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa na mɔfiame be woawɔ ɖoɖo yeye aɖe si dzi woato ana Biblia me gbedeasia naɖo Dziehe Amerika kple Europa ƒe dziehenuto saɖeagawo me. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Le gɔmedzedzea me la, wotsɔ susu ɖo Alaska (Amerika), Lapland (Finland), Nunavut kple Canada ƒe Dzieheɣetoɖoƒe nuto tiatia aɖewo ko ŋu.\nƑe bla nanewoe nye esia si Yehowa Ðasefowo yina ɖaɖea gbeƒã le nuto saɖeaga siawo me. Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖea gbeƒã le nuto mawo me gadzona, eye zi geɖea, Biblia srɔ̃gbalẽwo koe womana na amewo.\nLe ɖoɖo yeye sia ya gome la, alɔdzedɔwɔƒe siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le dziehenuto siawo me la kpe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela (mɔɖela) siwo lɔ̃ la be woayi aɖawɔ dɔ le nuto tiatia aɖewo me ɣleti etɔ̃ ya teti. Ne ame geɖe tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me le nuto aɖe me la, gbeƒãɖelawo nɔa wo gbɔ wòdidina wu, eye wowɔa dutoƒokpekpewo gɔ̃ hã le afi ma.\nGake kuxi sesẽ aɖewo dzea ŋgɔ gbeƒãɖelawo le dziehenuto siawo me. Mɔɖela eve siwo woɖo ɖe Barrow, si le Alaska, dometɔ ɖeka tso California ƒe anyiehe, eye evelia tso Georgia. Esi woyi Barrow eye vuvɔŋɔli ɖo la, vuvɔa nu sẽ ale gbegbe be yame fana miamiamia wu tsikpe gɔ̃ hã (yame ƒe fafa te ŋu ɖiɖina abe Celsius -38 sɔŋ ene)! Ke hã, ɣleti ʋɛ aɖewo le woƒe afi ma yiyi mea, wote ŋu de aƒe ɖe sia ɖe kloe me, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame ene; ame siawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye John. Wole Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa srɔ̃m kple eya kple eƒe ahiãvi, eye eƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na exɔlɔ̃wo kple dɔwɔhatiwo. Ezãa JW Library dɔwɔnua hã le eƒe asitelefon dzi tsɔ xlẽa gbe sia gbe mawunyakpukpuia le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me.\nRankin Inlet nye kɔƒedu sue aɖe le Canada ƒe nuto saɖeaga si nye Nunavut me, gake lɔrimɔ aɖeke meyi afi ma o. Eya ta mɔɖela eve ɖo yameʋu yi afi ma hedze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame geɖe. Esi woɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? na ŋutsu aɖe vɔ la, ebia wo be ɣekaɣie woava tu Fiaɖuƒe Akpata ɖe yewoƒe nutoa me hã. Egblɔ kpee be, \"Ne mègale afi sia hafi mietui la, mava kpekpeawo godoo.\"\nMɔɖela siwo woɖo ɖe Savukoski (si le Finland), afi si lã wɔadã si nye kpagbadzoɖekɛ sɔ gbɔ le wu amewo abe zi gbɔ zi ewo ene la, ka nya ta be: \"Vuvɔ nu sẽ le afi sia ŋutɔ, eye sno dzana eteƒe mekɔ o.\" Gake wogblɔ be ɣeyiɣi si yewova ɖo la sɔ ŋutɔ. Nu ka tae? Woka nya ta be, \"Míete ŋu kpe anyigbamamawo ɖo nyuie. Amewo ɖe sno ɖa le mɔ siwo wotona yia kɔƒeawo kple nuto saɖeagawo me la dzi, eye mɔawo nɔ nɔnɔme nyui me. Vuvɔa wɔe be míetua ame geɖewo le aƒe me.\"\nAgbagba si dzem míele be míagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo le dziehenuto saɖeaga siawo me la wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Esi mɔɖela eve yi Alaska dugã aɖe me eye woɖe gbeƒã na dudzikpɔlaa la, eŋlɔ nya nyui aɖe tso woƒe Biblia me dzeɖoɖoa ŋu da ɖe eƒe internet dzi hahokadoƒe, eye wòtsɔ trakt si ƒe tanyae nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? si wogblẽ ɖe egbɔ la ƒe foto kpe ɖe nu si wòŋlɔ ŋu.\nLe Haines (si le Alaska) la, mɔɖela eve kpe ame siwo ade enyi va woƒe kpekpe siwo wowɔna le dua ƒe agbalẽdzraɖoƒe; emegbea, nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ŋutsu eve siwo tso Texas kple North Carolina wole dua me le Biblia srɔ̃m kple amewo le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me. Nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo eta be: \"Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, yi jw.org.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/biblia-gbedeasia-nuto-sa%C9%96eaga-dziehe\/","date":"2021-03-08T10:44:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178383355.93\/warc\/CC-MAIN-20210308082315-20210308112315-00476.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992800355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992800354957581}","num_words":635,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 3 va se ɖe March 1, 2020 la le tata sia me.\nLe nyati sia me la, woatsɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ƒe ɖoɖo si wowɔ na Israel-viwo la awɔ kpɔɖeŋu si akpe ɖe mía ŋu míalé ŋku ɖe nɔnɔme si le mía si ɖe dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme ŋu la ŋu.\nAblɔɖeƒea ɖoa ŋku ɖoɖo aɖe si Yehowa wɔ be yeana ablɔɖe mí la dzi na mí.\nLe Sea te la, ne ŋutsu aɖe dɔ ɖetugbui aɖe gbɔ sesẽe 'le gbe me' eye wòdo ɣli la, meɖi fɔ o, ke ŋutsua ya ɖi fɔ. Nu ka tae?\nEsi Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, maku o la, ɖe Satana di be Xawa nasusui be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, abe ale si ame geɖewo xɔe se egbea enea?\nNu kae wòfia be woanya Yehowa, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose kple Fia David ƒe kpɔɖeŋua me ku ɖe ale si míawɔ be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yehowa dome la ŋu?\nAleke dzilawo ate ŋu ahe wo viwo be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe?\nSusu geɖewo li siwo tae kutrikuku be míanye akpedalawo nyo na mí.\nÐe nèkpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Kpɔ nu siwo dzi nèɖo ŋkui la ɖa.\nNyati siwo katã wota le Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! magazineawo me le ƒe 2019 me, siwo woɖo ɖe woƒe hatsotso vovovoawo me la ƒe nyawo diƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2019\/","date":"2021-03-09T05:48:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178385984.79\/warc\/CC-MAIN-20210309030723-20210309060723-00456.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986675978,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986675977706909}","num_words":249,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 93\nStanza 1\nAlẽvi la tsɔ nu vɔ̃ keŋ,\nSi xexeame katã wɔ;\nEtsɔ dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃,\nTsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃.\nKpɔ ale si wògbɔdzɔ ɖa.\nEtsɔ 'ɖokui na 'mewula,\nMekpɔ dzidzɔ ɖeke o;\nElɔ̃ be yeakpe fu sia fu,\nAbiwo, ŋuwo, kple ku hã,\nEbe: Melɔ̃ makpee faa.\nStanza 2\nAlẽvi sia enye xɔ̃nye\nKple nye luʋɔ ƒe ɖela;\nElèa fu nu vɔ̃wo katã,\nKe enye avuléla.\nHeyi, vinye, nàɖe ame:\nWoƒe nu vɔ̃ kple vodada\nNa wozu dzikuviwo;\nWoxɔ nu vɔ̃ ŋu tohehe,\nTo wò ku kple wò ʋu me ko\nNàxɔ woƒe nya ɖ'a-kɔ!\nStanza 3\nƐ̃, Fofonye, melɔ̃ edzi!\nNu si nèɖo nam, mawɔ;\nNye lɔlɔ̃nu ku ɖe ŋuwo,\nNu si nègblɔ, nava me!\nO lɔlɔ̃ goglo, si de to,\nWòe wɔ nu sia míesusu o;\nMawu ɖ'a-si le via ŋu.\nLɔlɔ̃ mavɔ, si goglo la,\nEdɔ via ɖe ku kple yɔ me,\n'Me si ƒo nuwo keŋ ta.\nStanza 4\nZi ale si mele agbe,\nWò ko anɔ menye ɖaa;\nEsi nèlɔ̃m ale gbegbe,\nNye hã maxɔ wò atuu;\nWòe nye nye dzi ƒe kekeli,\nEye ne nye dzi sia gbã hã,\nNàwɔe wòazu dzi yeye:\nWòe metsɔ ɖokuinye na faa,\nBena manye tɔwò tegbee,\nLe agbe kple ku hã me.\nStanza 5\nMadzi wò lɔlɔ̃ ŋuti ha,\nLe ɣeawo katã ɣi me;\nEye matsɔ ɖokuinye hã\nAwɔ vɔsasa na wò.\nNye agbe ƒe tɔʋu lee la,\nNasi ɖo ta gbɔwò ɖaa he,\nAbe akpedada 'ne;\nNu nyui, si katã nèwɔ nam,\nNanɔ nye dzi me ke ɖaa he,\nAxɔ nye susuwo me.\nStanza 6\nNe maɖo wò fiaɖuƒe me\nLe dzidzɔ gbãgo ma me,\nWò ʋu la aɖo atsyɔ̃ nam\nAnye nye awu mado,\nKple fiakuku hã, si maɖɔ,\nAnɔ Fofo la ƒe zi ŋgɔ,\nWòe ƒlee nam to wò ku me;\nWòe tsɔm d'a-si na Fofo la,\nAbe vi, si nèɖe ene,\nBe manye etɔ ɖaa si.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-93\/","date":"2021-04-21T04:24:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00391.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998093605,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980936050415039}","num_words":311,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 82\nStanza 1\nDzinye le kpo dzom\nLe dzidzɔ ŋuti;\nWodzi mía ɖela\nLe nya la nu.\nŊkeke gã, si ke dzi\nMawu dɔe ɖa la,\nMíele ŋku ɖom dzi\nKpakple dzidzɔ.\nStanza 2\nAmegbetɔwo\nDome ɖe sia ɖe\nLe nu vɔ̃ si me\nLe xexeame;\nGake Yesu, ɖela,\nVa kple lɔlɔ̃ gã,\nBena yeaɖe wo\nTso nu vɔ̃ me.\nStanza 3\nDɔla kɔkɔewo\nTso dziƒo ke va,\nDzi dzidzɔhawo\nLe Yesu ŋu;\nWokafu mía Mawu,\nSi lɔ̃ mí ŋutɔ,\nBena yeaxɔ mí\nLe Kristo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-82\/","date":"2021-04-21T04:21:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00039.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979954958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979954957962036}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 161\nStanza 1\nDɔwɔwɔ la nye Yesu tɔ,\nDɔ si wɔm míele la\nEsi wònye Yesu tɔ ta,\nMate ŋu agblẽ o.\nEl'a-be bliku si miena,\nHafi kpɔa kekeli enɛ:\nEkuna le anyigba me,\nHafi trɔna zua bli yeye.\nTo kuku me\nWòva tsea ku yeye.\nStanza 2\nWò Yesu, si nye mía ta la,\nWòe to fu me yi dzi.\nAme sia 'me, si xɔa sena,\nNàzɔ wò mɔ la dzi!\nNa míawo hã míakpɔ gome\nLe wò fu kple fiaɖuƒe me!\nKplɔ mí to wò kumɔ la dzi\nHeyi ɖe wò agbe la me!\nTo tsizi me\nHeyi kekeli me!\nStanza 3\nWò ŋ'tɔ ku abe ku ene,\nGafɔ tso yɔdo me.\nAgbefia, nyɔ xexe sia me,\nSi Mawu na wò hã!\nDɔ dɔlawo ɖ'a-fi sia 'fi,\nBene woase wò ŋkɔ nyui la,\nWò ŋkɔ, si me xɔxɔ la le!\nMíawo hã míelɔ̃ awɔ dɔ,\nMíawɔ dɔ le\nWò dɔ kɔkɔe la me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-161\/","date":"2021-04-21T04:55:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00183.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952243567,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952243566513062}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.289,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?\n\"Wofiam be nɔnɔmetatawo ana mate ɖe Mawu ŋu wu.\"—Mack.\n\"Míaƒe aƒe me yɔ fũu kple nɔnɔmetata siwo wodea ta agu na. Míesusui be esia dzea Mawu ŋu.\"—Herta.\n\"Míedea ta agu na nɔnɔmetata aɖewo. Míebu ale si Mawu bua nuwɔna siae ŋu kpɔ o.\"—Sandra.\nALEKE nèse le ɖokuiwò me tso nya siwo le etame ŋu? Ame geɖe xɔe se be nɔnɔmetatawo alo nɔnɔme wɔwɔewo kpena ɖe yewo ŋu le tadedeagu na Mawu me. Ðe nuŋububu sia sɔa? Biabia si gale vevie wue nye, alekee Mawu sena le eɖokui me tso nya sia ŋu? Bu nya si eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, gblɔ ŋu kpɔ.\nAle Si Mawu Bua Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawoe\nSubɔsubɔ me nɔnɔmetatawo kple legbawo nye dzesi, alo nɔnɔme wɔwɔe ɖe sia ɖe, si wodea ta agu na alo subɔna. Woate ŋu anye atitsogawo, kpetatawo, fotowo, alo nu bubu ɖe sia ɖe si le nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi ƒe nɔnɔme me. * Wote ŋu dea ta agu na aflagawo gɔ̃ hã.\nƑe akpe geɖewoe nye esia wote nu siawo tɔgbi zazã le tadedeagu me. Esia tae le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me, esime Mawu nɔ Se Ewoawo dem na Israel dukɔ si wòɖo anyi eteƒe medidi o la, egblɔ ale si wòbua nɔnɔme wɔwɔe siwo amewo zãna le tadedeagu me la na wo. Egblɔ be: 'Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu [si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo ye menye, NW].'—2 Mose 20:4, 5.\nDe dzesi se eve ƒokpli si Mawu de na wo: Gbã, mele be eƒe amewo nawɔ nɔnɔmetatawo hena tadedeagu o, eye evelia, mele be 'woade ta agu na wo' alo asubɔ wo o. Nu ka tae mía Wɔla de se ɖe nɔnɔmetatawo wɔwɔ ŋu? Susu siwo ta mele be woawɔ nɔnɔmetatawo ɖe Mawu teƒe o la dometɔ ɖekae nye be \"ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.\" Menye nu siwo ŋku ate ŋu akpɔ ƒomevi aɖee Yehowa nye o, ke boŋ gbɔgbɔe wònye eye gbɔgbɔmenuto mee wòle. (Yohanes 1:18; 4:24) Susu siwo ta mele be woawɔ naneke ƒe nɔnɔme ahade ta agu nɛ o la dometɔ ɖekae nye be Mawu biaa \"ɖokuitsɔtsɔna blibo.\" Egblɔ be: \"Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.\" (Yesaya 42:8) Susu sia tae wònye nu gbegblẽ hã be woawɔ nɔnɔmetata be wòakpe ɖe ame ŋu le tadedeagu me ɖo. Esime Israel viwo ƒe kplɔla si ŋkɔe nye Aron wɔ nane ƒe nɔnɔme la, Yehowa do dziku ɖe eŋu vevie.—2 Mose 32:4-10.\nNu Ka Tae Mele Be Míade Ta Agu Na Wo O?\nBiblia gblɔ tso legbawo ŋu be: \"Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o.\" Emegbe egblɔ nuxlɔ̃amenya vevi sia be: 'Ame siwo wɔa wo la sɔ kpli wo'—si fia be, ɖeko wole abe ɖee agbe mele wo me o ene, abe legba mawo ke ene!—Psalmo 115:4-8.\nLegbasubɔsubɔ nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ hã. Bia ɖokuiwò be, 'Alekee mase le ɖokuinye me ne mena nunana xɔasi aɖe vinye eye wòxɔe ko hedzo le gbɔnye yi ɖada akpe na ame tutɔ alo nane si me agbe mele o?' Ðewohĩ kpɔɖeŋu sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si mía Wɔla kple Agbenala la sena le eɖokui me ne míetsɔ akpedada kple kafukafu si wòdze na la na ame bubuwo—siwo dome legba siwo me agbe mele o hã le—la adze sii.—Nyaɖeɖefia 4:11.\nAzɔ hã, bu gbɔɖiame si gbegbe wònye be amegbetɔ—si wowɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu la—nade ta agu na nu si me agbe mele o, ŋu kpɔ! (1 Mose 1:27) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso ame siwo wɔ nenema la ŋu be: 'Wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nu siwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ. Ale amegbetɔ de ta agu, eye ŋutsu bɔbɔ eɖokui; Yehowa Mawu, màtsɔe ake wo o!'—Yesaya 2:8, 9.\nNu si na be alakpasubɔsubɔ nyɔa ŋu na Mawu wue nye be, le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe futɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ. Esime Israel viwo gblẽ Yehowa ɖi hetrɔ ɖe legbawo ŋu la, Biblia gblɔ le 5 Mose 32:17 be: \"Wosa vɔ na [gbɔgbɔ vɔ̃wo, ke menye na Mawu] o.\"\nÐe Yesu Kristo yome dzela gbãtɔwo de ta agu na nɔnɔmetatawo alo zã wo le tadedeagu mea? Kura o! Yesu ƒe apostolo Yohanes ŋlɔ bena: \"Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.\" (1 Yohanes 5:21) Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya ŋu gblɔ be: \"Naneke meli si anyɔ ŋu na nusrɔ̃la gbãtɔawo wu tadedeagu na nɔnɔmetatawo o.\"—Early Church History to the Death of Constantine.\nTadedeagumɔnu Nyuitɔ\nYesu gblɔ be: \"Nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye.\" (Yohanes 4:23) Ɛ̃, Mawu di be míanya ame si ƒomevi yenye nyuie—nu siwo yedina kple nu siwo yemedina o, yeƒe dzidzenuwo, kple tameɖoɖo si le ye si na mí. (Yohanes 17:3) Le nyateƒe me la, esia tae wòna woŋlɔ Biblia ɖo. (2 Timoteo 3:16) Azɔ hã, esi wònye be Mawu 'mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o' ta la, míate ŋu ado gbe ɖa nɛ le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, le afi sia afi, nɔnɔmetata aɖeke mazãmazãe.—Dɔwɔwɔwo 17:27.\nSandra si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea gblɔ be: \"Esi mege ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, nyemekpɔ nɔnɔmetata aɖeke o. Ðasefoawo zã Biblia tsɔ fia Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple eƒe nudidiwom. Esia wɔe be mesrɔ̃ ale si mado gbe ɖae bene Mawu naɖo tom. Fifia, mesena le ɖokuinye me be mía Wɔla la ŋuti sidzedze vavãtɔ su asinye, eye be mele ƒomedodo nyui me kplii.\" Ɛ̃, Sandra srɔ̃ Biblia me nyateƒea eye wòkpɔ ale si wònaa ablɔɖe ame hefaa akɔ na amee. (Yohanes 8:32) Wò hã àte ŋui.—g08 08-E.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Alekee wòle be woade ta agu na Mawu vavã la?—Yohanes 4:24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200810\/%C3%90e-W%C3%B2le-Be-Woade-Ta-Agu-Na-Mawu-To-N%C9%94n%C9%94metatawo-Dzia\/","date":"2021-05-12T17:27:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989766.27\/warc\/CC-MAIN-20210512162538-20210512192538-00200.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975063205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997506320476532}","num_words":1006,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso nye ɖevime ke la, amewo lé fum le to si me metso ta, eye vɔvɔ̃ be mava do kpo nu le agbe me wɔe be dzi menɔa ƒonye o. Esi mesusui be makpɔ akɔfafa le Biblia me ta la, medea Katoliko sɔleme si le míaƒe nutoa me kple susu be woakpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Esi womete ŋu kpe ɖe ŋunye o ta la, metsɔe na kamedede.\nEteƒe medidi o, meƒo ɖokuinye ɖe kamedefefewo kple gakpokɔkɔ me. Mlɔeba, meva ʋu kamedeƒe aɖe le San Leandro, California, U.S.A. (Amerika), eye mía kple gakpokɔlawo míewɔa dɔ; wo dometɔ ɖeka xɔ dziɖuɖufetu si woyɔna be Mr. America (Aƒetɔ Amerika). Togbɔ be meƒo ɖokuinye ɖe gakpokɔkɔ me be nye lãmeka kple lãkusiwo natri kpotoo hã la, nyemeke ɖe nu si dim mele ŋu o.\nMEKE ÐE NU SI DIM MELE ŊU AZƆ\nXɔ̃nye aɖe si mía kplii míewɔa dɔ la doe ɖa be yeana ame aɖe nasrɔ̃ Biblia kplim esi wònya be medi vevie be mase Biblia gɔme ta. Le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefo aɖe va nye aƒe me. Enɔ nye nyawo ŋu ɖom nam tso Biblia me tẽe gaƒoƒo ene sɔŋ. Mebia tso esi be wòatrɔ ava le fiẽ me ne míayi dzeɖoɖoa dzi, eva, eye míeyi dzeɖoɖoa dzi va se ɖe zãtiƒe ke. Nu si mesrɔ̃ la do dzidzɔ nam ŋutɔ, eya ta mebiae be ne ŋu ke la, ɖe mate ŋu akplɔe ɖo aɖakpɔ ale si wòɖea gbeƒãe mahã. Ale si wòtea ŋu tsɔa Biblia ɖoa nya ŋu na amewo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enumake megblɔ na ɖokuinye be nu sia tututue medi be mawɔ!\nEya ta medzra nye dɔwɔƒea eye mekplɔa mɔɖela sia, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefo siwo ɖea gbeƒã ɣeyiɣiawo katã la, ɖo míeɖa kakaa nya nyuia. Mexɔ nyɔnyrɔ le May 1948 me, le takpekpe aɖe si wowɔ le Cow Palace Fefewɔƒea le San Francisco, California, la me. Nye hã meva zu mɔɖela le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo.\nƔemaɣi la, megblɔ na Ðasefowo be woayi aɖa ɖe gbeƒã na danye. Exɔ nya nyuia, eye eteƒe medidi o, eya hã va zu Yehowa Ðasefo. Togbɔ be eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu ƒe geɖe va se ɖe ku me. Míaƒe ƒometɔ bubu aɖeke meva zu Ðasefo o.\nMEDO GO NYƆNU SI MEVA ÐE\nLe ƒe 1950 me la, meʋu yi Grand Junction, Colorado, eye afi mae medo go Billie le. Wodzii le ƒe 1928 me esime Ganyawo ƒe Sesẽ Gã la do mo ɖa. Dadaa, Minnie, xlẽa Biblia nɛ zã sia zã le kaɖigbɛ nu. Esi Billie xɔ ƒe ene la, enya nu xexlẽ eye wòtea ŋu gblɔa Biblia ŋutinya geɖe tso susu me. Le ƒe 1940 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Ðasefowo fia dadaa be menye funyafunyawɔƒee hell (enfer) nye o, ke boŋ nya sia fia yɔdo. (Nyagblɔla 9:5, 10) Esia megbe la, Minnie kple srɔ̃a siaa va zu Yehowa Ðasefowo.\nLe ƒe 1949 me la, Billie wu sukudede nu le Boston hetrɔ gbɔ va aƒe me, eye wòva do vevie Biblia sɔsrɔ̃. Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ su esi be wòanye nufiala hã la, etiae be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Mawu le yeƒe agbe me. Exɔ nyɔnyrɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium, New York, le ƒe 1950 me la me. Esia megbe kpuie la, míedo go mía nɔewo eye míeɖe srɔ̃, eye míetsɔ mía ɖokui ƒo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe.\nMíesubɔ ɖekae le Eugene, Oregon, eye míedze xɔlɔ̃ vavã geɖewo. Le ƒe 1953 me la, míeʋu yi Grants Pass, Oregon, be míakpe ɖe hame sue si le afi ma ŋu. Le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpe mí be míava de Gilead Suku ƒe klass 23 lia. Enye suku si me Yehowa Ðasefowo naa hehe dutanyanyuigblɔlawo le, le teƒe aɖe si gogo South Lansing, New York, le New York City ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome abe kilometa 400 ene.\nDUTANYANYUIEGBƆGBLƆDƆA LE BRAZIL\nLe December 1954 me, si nye ɣleti atɔ̃ le míaƒe Gilead Sukua nuwuwu megbe la, nye kple Billie míeɖo yameʋu ɖo ta Brazil. Esi míedze mɔ yina abe gaƒoƒo ɖeka ene la, yameʋua ƒe mɔ̃ eveawo dometɔ ɖeka gblẽ, gake míeyi ɖadze ɖe Bermuda dedie. Kuxi aɖe gava do mo ɖa le mɔa dzi, si wɔe be yameʋua va dze ɖe Cuba kpata. Gake míeɖo ʋu yi mɔzɔzɔa dzi gaƒoƒo 36 sɔŋ; ɖeɖi te mía ŋu ale gbegbe, ke hã míeva ɖo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Rio de Janeiro, Brazil la mlɔeba.\nEsi míenɔ afi ma vie vɔ la, mía kple Billie kpakple dutanyanyuigblɔla eve bubuwo míedzo yi Bauru, São Paulo, be míaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le afi ma. Ame 50,000 kple edzivɔwoe nɔ du ma me, eye míawoe nye Ðasefo gbãtɔ siwo yi afi ma.\nMíedze egɔme nɔ amewo gbɔ yim le woƒe aƒewo me, gake Katoliko nunɔla si le nutoa me la tsi tsitre ɖe míaƒe dɔa ŋu enumake. Enɔ mía yome henɔ gbɔgblɔm na amewo be woagaɖo to mí o. Gake le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, ƒome gã aɖe xɔ Biblia me nyateƒea eye wova xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Esia megbe kpuie la, ame bubuwo hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.\nƑome gã si xɔ nyateƒea la ƒe ƒometɔ aɖe nye habɔbɔ xɔŋkɔ aɖe ƒe amegã. Mewɔ ɖoɖo be míawɔ takpekpe le habɔbɔ ma ƒe takpexɔ me. Esi nutoa me nunɔlaa ƒoe ɖe wo nu be woagatsɔ woƒe takpexɔa ana mí o la, habɔbɔa ƒe amegãa ƒo habɔbɔa me tɔwo nu ƒu hegblɔ na wo be: \"Ne miegbe be míagatsɔ takpexɔa ana wo o la, ke maɖe asi le dɔa ŋu!\" Eya ta woɖe mɔ na mí be míawɔ takpekpea.\nLe ƒe si kplɔe ɖo, si nye ƒe 1956 me la, wokpe mí be míayi nutome gã takpekpe si woawɔ le Santos, São Paulo. Ðasefo 40 kloe ye tso míaƒe hamea me ɖo keteke yi takpekpe ma. Esi míegbɔ va Bauru la, mexɔ lɛta aɖe si me wode dɔ asi nam be manye dzikpɔla mɔzɔla eye manɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ. Aleae wòdzɔe be medze dɔ sia si mewɔ ƒe 25 sɔŋ le Brazil la gɔme, eye metsa le anyigba gã ma ƒe akpa geɖe.\nALE SI MƆZƆZƆDƆA NƆ\nƔemaɣi la, mɔzɔzɔ menɔ abe egbe ene o. Míeɖoa bɔs, keteke, kple tasiaɖam yia dukɔa ƒe afi sia afi, eye míedoa gasɔ alo zɔna ɣeaɖewoɣi hã. Du gbãtɔ si me míeyi ɖasrã hame aɖe kpɔ le ye nye Jaú, São Paulo. Nunɔla aɖe tsi tsitre ɖe mía ŋu le afi ma.\nEgblɔ na mí be: \"Miekpɔ mɔ aɖe gbeƒã na 'nye alẽwo' o!\"\nMíeɖo eŋu nɛ be: \"Menye wò alẽwoe wonye o. Mawu tɔwoe wonye.\"\nMíewɔ ɖoɖo be míaɖe film aɖe si ku ɖe ale si míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le xexea me godoo la ŋu, si ƒe tanyae nye The New World Society in Action (La Société du Monde Nouveau en action), gake nunɔlaa ƒo amewo nu ƒu be woava dze mía dzi. Míena kpovitɔwo nya enumake. Esi nunɔlaa kple eƒe hameviawo va fefewɔƒea be yewoadze mía dzi la, wokpɔe be kpovitɔ gbogbo aɖewo le tsitre ɖe mɔa nu eye wotrɔ woƒe tuwo ɖe wo dzi. Film la do dzidzɔ na ame gbogbo siwo va kpɔe la ale gbegbe.\nNenema koe wotsi tsitre ɖe mía ŋu helé fu mí le afi sia afi si míeyi ɖasubɔ le ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me, míedo go mɔɖela aɖewo siwo ŋu wotsi tsitre ɖo vevie le Brusque, si gogo Blumenau, Santa Catarina. Ke hã woyi edzi do dzi eye viɖe geɖe do tso woƒe veviedodoa me. Ƒe 50 kple edzivɔe nye esi va yi; hame siwo nɔ afi ma la dzi ɖe edzi va ɖo hame 60 kple edzivɔ, eye wole dzidzedze kpɔm nyuie. Wotu Takpexɔ nyui aɖe hã ɖe du si nye Itajaí, si medidi tso afi ma o la me.\nNu si doa dzidzɔ na mí ŋutɔ le míaƒe mɔzɔzɔdɔa mee nye dzidzɔɣi siwo me mía kple mía nɔvi Ðasefowo míewɔa dɔ ɖekae le dzadzraɖo ɖe takpekpe gãwo ŋu me. Le ƒe 1970 ƒeawo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ abe takpekpedzikpɔla ene le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Morumbi Bɔlƒoƒea la me. Míeɖo agbalẽ ɖe hame siwo ade alafa ɖeka siwo le nutoa me la be hame ɖe sia ɖe naɖo ame ewo ɖa woava kpe asi ɖe dɔa ŋu míadzra bɔlƒoƒea ɖo le zã si do ŋgɔ na takpekpea me.\nEsi bɔlƒolawo nɔ dzodzom le bɔlƒoƒea la, míesee wo dometɔ aɖewo nɔ fewu ɖum le mía ŋu be, \"Mikpɔ ɖetugbuivi mawo siwo tsɔ xa kple anyigbatutunuwo ɖe asi va be yewoadzra teƒea ɖo la ɖa.\" Ke hã kaka wòaƒo zã ga wuieve la, míedzra bɔlƒoƒe bliboa ɖo wòle dzadzɛ! Bɔlƒoƒea dzi kpɔla do ɣli gblɔ be, \"Dɔ si nye amewo tsɔa kwasiɖa blibo ɖeka wɔna lae mi Ðasefowo míewɔ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko mea!\"\nMÍETRƆ YI AMERIKA\nFofonye ku le ƒe 1980 me, eye esia megbe kpuie la, míetrɔ yi United States (Amerika) be míaɖakpɔ danye dzi le Fremont, California. Dɔ si míewɔnae nye be míekplɔa dɔwɔƒewo le zã me, si wɔe be míete ŋu yi mɔɖeɖedɔa dzi henɔ Biblia fiam Portugalgbedola siwo nɔ nutoa me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeʋu yi San Joaquin Valley, eye míedi Portugalgbedolawo le nuto gã ma me, tso Sacramento va ɖo keke Bakersfield ke. Fifia, Portugalgbedolawo ƒe hame siwo ade ewo ye le California.\nEsi danye ku le ƒe 1995 me megbe la, míeʋu yi Florida ɖakpɔ Billie fofo dzi va se ɖe esime wòku. Dadaa ya ku le ƒe 1975 me. Le ƒe 2000 me la, míeʋu yi nuto si nye dzogbe gã si le Colorado ƒe anyieheɣetoɖoƒe la me eye míeyi subɔsubɔdɔa dzi le afi sia heɖea gbeƒã na Amerika Vidzidzi siwo le Navajo kple Ute nutoawo me la gbe sia gbe. Nublanuitɔe la, Billie ku le February 2014 me.\nƑe 65 ye nye esia si medo go Yehowa Ðasefo aɖe zi gbãtɔ, eye edzɔ dzi nam ŋutɔ be eɖo biabia gbogbo siwo nɔ asinye la ŋu nam tso Biblia me tẽe! Nu si gado dzidzɔ nam wue nye be nye ŋutɔ medo nya siwo wògblɔ nam la kpɔ hekpɔe be nu siawo tututue Biblia fia. Esia wɔe be mekpɔ yayra geɖe le Mawu subɔsubɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140901\/mawu-sub%C9%94sub%C9%94\/","date":"2021-05-12T18:23:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989766.27\/warc\/CC-MAIN-20210512162538-20210512192538-00632.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990442991,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990442991256714}","num_words":1665,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukatae Psalmowo me kpukpuiwo ƒe xexlẽdzesiwo to vovo le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me?\nBiblia blibo gbãtɔ si woma ɖe tawo kple kpukpuiwo mee nye Robert Estienne ƒe Fransegbe me gɔmeɖeɖe si wota le ƒe 1553 me. Gake edze abe ɖe woma agbalẽ si nye Psalmowo ya ɖe akpa vovovo me xoxoxo do ŋgɔ ene, le esi wònye psalmo, alo hadzidzi, vovovo siwo ame geɖe kpae wotsɔ ƒo ƒui ta.\nAnɔ eme be Yehowae gblɔ na Dawid gbã be wòaƒo psalmowo nu ƒu ne woazã le dutoƒo tadedeagu me. (Kronika I, 15:16-24) Woxɔe se be Ezra, si nye nunɔla 'si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me' lae ƒo Psalmowo ƒe agbalẽ bliboa nu ƒu ɖekae abe alesi wòle fifia ene. (Ezra 7:6) Eyata efia be psalmo alo hadzidzi vovovowoe woŋlɔ ɖi eye woƒo wo nu ƒu wòva zu Psalmowo.\nLe nuƒo aɖe si apostolo Paulo ƒo le ƒuƒoƒe si le Antioxia (Pisidia) le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, eyɔ nya tso Psalmowo me eye wògblɔ be: \"Abe alesi woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene bena: 'Vinye nènye, egbe medzi wò.'\" (Dɔwɔwɔwo 13:33) Le egbe Bibliawo me la, nya mawo gakpɔtɔ dze le psalmo evelia me, le eƒe kpukpui 7 lia. Gake vovototo le alesi wona xexlẽdzesiwo le psalmowo dometɔ geɖe me le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me. Nusitae nye be Hebrigbe me Masoret ŋɔŋlɔawo dzie wotu gɔmeɖeɖe aɖewo ɖo, eye wotu bubu aɖewo hã ɖe Helagbe me Septuagint, si nye Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe si nu wowu le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Katolikotɔwo ƒe Biblia geɖe siwo gɔme woɖe tso Latin Vulgate me la, wozɔ ɖe psalmowo ƒe xexlẽdzesi siwo wona le Septuagint me dzi, esime New World Translation kple Biblia bubu aɖewo ya zɔ ɖe alesi wòle le Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo me dzi.\nNukawoe nye vovototoawo ƒe ɖewo koŋ? Psalmo 150 sɔŋ ye le Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo me. Gake le Septuagint me la, wotsɔ Psalmo 9 lia kple 10 lia ƒo ƒu ɖekae eye wogaƒo Psalmo 114 lia kple 115 lia hã nu ƒu ɖekae. Gakpe ɖe eŋu la, woma Psalmo 116 lia kple 147 lia siaa me eveve le eme. Eyata togbɔ be wo katã ƒe xexlẽme va sɔ hã la, tso Psalmo 10 lia dzi vaseɖe Psalmo 146 lia dzi ƒe xexlẽme ɖiɖi xexlẽdzesi ɖeka le Septuagint la me eye Hebrigbe me tɔ hã sɔ gbɔ wui kple ɖeka. Le esia ta Psalmo 23 lia si wonya nyuie la va le Psalmo 22 lia me le Douay Version, si zɔ ɖe Latingbe me Vulgate ƒe xexlẽdzesiwo dzi me, le esi wònye be Septuagint dzie Vulgate la hã zɔ ɖo ta.\nMlɔeba la, psalmo aɖewo ƒe kpukpuiwo hã te ŋu toa vovo le gɔmeɖeɖe vovovowo me. Nukatae? Nusitae nye be McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be gɔmeɖeɖe aɖewo zɔ ɖe \"Yudatɔwo ƒe nuwɔna si nye be wobua ŋgɔdonya si dze le etame be enye kpukpui gbãtɔ\" la dzi, gake bubuwo ya mezɔ ɖe edzi nenema o. Le nyateƒe me la, ne etame nuŋɔŋlɔ alo ŋgɔdonya aɖe didi la, zi geɖe womaa eme wònyea kpukpui gbãtɔ eveawo, eye alea wòdzɔnae be kpukpuiawo ŋutɔ siwo kplɔe ɖo hã ƒe xexlẽme va dzina ɖe edzii.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030401\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-05-07T09:24:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.80\/warc\/CC-MAIN-20210507090724-20210507120724-00022.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995338917,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995338916778564}","num_words":519,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.32,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Milɔ̃ Amedzrowɔwɔ na Mia Nɔewo\"\nƑE ALAFA gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si woyɔna be Foibe dze ŋgɔ kuxi aɖe. Enɔ mɔ zɔm tso Kenxrea le Hela heyina ɖe Roma, gake menya haxɔsetɔ aɖeke le du ma me o. (Romatɔwo 16:1, 2) Biblia gɔmeɖela Edgar Goodspeed gblɔ be: \"Vɔ̃ɖinyenye kple ŋutasesẽ bɔ ɖe Roma-dukɔa me [ɣemaɣi], eye nugbegblẽwɔwɔ bɔ ɖe amedzrodzeƒewo ale gbegbe be manyo be nyɔnu ɖɔʋu, vevietɔ nyɔnu Kristotɔ nadze teƒe mawo o.\" Eyata afika dze ge Foibe yina?\nLe Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, amewo zɔa mɔ yia teƒe didiwo. Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã nyanyuia le Yudea kple Galilea nutowo katã me. Le esia megbe kpuie la, Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo abe Paulo ene tsɔ gbedasia yi ɖe Mediterranea-nutoa ƒe akpa vovovowo kple Roma si nye Roma-fiaɖuƒea ƒe fiadua me. Ne ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo zɔ mɔ yi Yuda-nuto aɖewo me alo teƒe bubu aɖewo la, afikae wodzena? Kuxi kawoe wodoa goe ne wole dzeƒe dim? Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe amedzrowɔwɔ ŋu?\n\"Ele Nam Egbea Be, Manɔ Aƒewò Me\"\nWoɖe amedzrowɔwɔ gɔme be \"dɔmenyowɔwɔ na amedzro kple vividodo ɖe eŋu\" eye wode dzesi nɔnɔme sia le Yehowa subɔlawo ŋu tso gbaɖegbe ke. Le kpɔɖeŋu me, Abraham, Lot, kple Rebeka nye amedzrowɔlawo. (Mose I, 18:1-8; 19:1-3; 24:17-20) Esi blemafofo Hiob nɔ nu ƒom tso eƒe nuwɔwɔ ɖe amedzrowo ŋuti ŋu la, egblɔ be: \"Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.\"—Hiob 31:32.\nNusi hiã mɔzɔlawo nawɔ be wo nɔvi Israel-viwo nawɔ amedzro na wo koe nye be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dua ƒe ablɔ me ahalala be woamia asi yewo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:15-21) Zi geɖe la, amedzroxɔlawo klɔa afɔ na amedzrowo eye wonaa nuɖuɖu kple nunono wo, eye wodia gbe na amedzroawo ƒe lãwo hã. (Mose I, 18:4, 5; 19:2; 24:32, 33) Mɔzɔla siwo medi be yewoanye agba na amesiwo gbɔ yewoadze o la tsɔa nusiwo woahiã la ɖe asi—esiawo nyea abolo, nunono agbɔsɔsɔ si asu na wo, kple gbe na woƒe tedziwo. Afisi woadɔ le zã me koe wodina.\nTogbɔ be ƒã hafi Biblia gblɔa alesi Yesu wɔ kpɔ dzeƒe le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔwo me hã la, ele na eya kple eƒe nusrɔ̃lawo be woamlɔ teƒe aɖe kokoko. (Luka 9:58) Esi Yesu yina Yerixo la, egblɔ na Zaxeo kpuie ko be: \"Ele nam egbea be, manɔ aƒewò me.\" Zaxeo xɔ eƒe amedzroa \"kple dzidzɔ.\" (Luka 19:5, 6) Zi geɖe la, Yesu dze exɔlɔ̃ siwo nye Marta, Maria, kple Lazaro gbɔ le Betania. (Luka 10:38; Yohanes 11:1, 5, 18) Eye edze abe ne Yesu yi Kapernaum la, Simon Petro gbɔe wòdzena ene.—Marko 1:21, 29-35.\nMɔfiame si Yesu na eƒe apostolo 12-awo tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu na nu geɖe me kɔ ku ɖe amedzrowɔwɔ si ƒomevi woate ŋu akpɔ mɔ na le Israel ŋu. Yesu gblɔ na wo be: \"Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; migatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. Ke ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo.\" (Mateo 10:9-11) Enya be dzinyuitɔwo awɔ amedzro na yeƒe nusrɔ̃lawo ahana nuɖuɖu, dzeƒe, kple nuhiahiã bubuwo wo.\nKe hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime wòle be nyanyuigbeƒãɖelawo ŋutɔ nadi woƒe nuhiahiãwo kple ga si woazã. Le esi tsitretsiɖeŋu ava nusrɔ̃lawo dzi emegbe kple le esi gbeƒãɖeɖedɔa ava keke ta aɖo anyigbamama siwo dzi Israel-viwo mele o ta la, Yesu gblɔ be: \"Amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku hã.\" (Luka 22:36) Mɔzɔzɔ kple dzeƒe ahiã godoo le nyanyuikakadɔa wɔwɔ me.\n\"Minɔ Amedzrowɔwɔ Dzi\"\nŊutifafa ƒe ɣeyiɣi vi aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me le Roma-fiaɖuƒea me kple alesi wodo woƒe mɔwo akpa gãtɔ wɔe be ame geɖe te ŋu zɔa mɔ edziedzi ɣemaɣi. * Mɔzɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ na be amedzrodzeƒe geɖe va hiã. Wotu amedzrodzeƒewo ɖe mɔdodo gãwo to eye wo dome didi tso wo nɔewo gbɔ abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene be woatsɔ akpɔ kuxi sia gbɔe. Ke hã, agbalẽ si nye The Book of Acts in Its Graeco-Roman Setting gblɔ be: \"Nusi agbalẽ me nuŋlɔɖiwo gblɔ tso amedzrodzeƒe mawo ŋu mede dzi ƒo kura o. Le agbalẽwo kple tomenukulawo ƒe nyatakakawo nu la, xɔawo ƒo ɖi heɖe abi, nu boo aɖeke mele wo me o, wo me yɔna fũ kple tredzɔ alo lãkpakpa, nuɖuɖu kple tsinono nyui menɔa wo me o, wo dzi kpɔlawo kple dɔwɔlawo menyea amesiwo dzi wote ŋu kana ɖo o, amesiwo dzea amedzrodzeƒeawo edziedzi nye ame maɖotawo, eye zi geɖe la, wonyea agbegbegblẽnɔlawo.\" Eyata eme kɔ be mɔzɔla ɖɔʋu ɖesiaɖe adi be yeaƒo asa na amedzrodzeƒe mawo ƒomevi godoo ne anya wɔ.\nEyata mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woalɔ̃ amedzrowɔwɔ. Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo le Roma be: \"Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãkame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!\" (Romatɔwo 12:13) Eɖo ŋku edzi na Yudatɔ siwo nye Kristotɔwo be: \"Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la ame aɖewo xɔ dziƒodɔlawo dze wo gbɔ, gake womenyae o.\" (Hebritɔwo 13:2) Petro xlɔ̃ nu ehati subɔlawo be: \"Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.\"—Petro I, 4:9.\nKe hã, nɔnɔme aɖewo nɔ anyi siwo me masɔ le be woawɔ amedzro o. Apostolo Yohanes gblɔ ku ɖe nya sia ŋu be: \"Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o; elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.\" (Yohanes II, 9-11) Paulo gblɔ ku ɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ŋu be: \"Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.\"—Korintotɔwo I, 5:11.\nEsi Kristotɔ vavãwo nye amedzrowɔlawo ta la, ameblelawo kple ame bubu aɖewo anya dze agbagba be yewoafi wo. Ƒe alafa evelia M.Ŋ. me gbalẽ aɖe si menye Biblia mee woɖee tsoe o si woyɔna be The Didache alo Teaching of the Twelve Apostles (Apostolo Wuieveawo ƒe Nufiafia), si ku ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse ŋu ɖo aɖaŋu be woawɔ amedzro na mɔzɔla gbeƒãɖela \"ŋkeke ɖeka, alo ne ehiã la, ŋkeke eve.\" Le esia megbe ne wole mɔ domee la, \"megaxɔ naneke tsɔ wu nuɖuɖu o . . . Ne ebia be woana ga ye la, ke aʋatsonyagblɔɖilae.\" Agbalẽa yi edzi be: \"Ne enya aɖaŋudɔ aɖe wɔwɔ eye wòdi be yeadze mia gbɔ la, mina wòawɔ dɔ akpɔ eɖokui dzi. Gake ne menya aɖaŋudɔ aɖeke wɔwɔ o la, ekema mikpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ le alesi mielɔ̃ ɖe edzi na mia nɔewoe nu, bene ame aɖeke naganye kuviatɔ le mia dome le eƒe Kristotɔ nyenye ta o. Ne egbe nusi miegblɔ dzi wɔwɔ la, ke ele Kristotɔnyenye zãm tsɔ le viɖe dim; kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le amesia ƒomevi ŋu.\"\nApostolo Paulo ɖɔ ŋu ɖo nyuie bene yemaganye agba na amesiwo gbɔ yedze hena ɣeyiɣi didi aɖewo le dugã aɖewo me o. Elɔ̃ avɔgbadɔ tsɔ kpɔ eɖokui dzii. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3; Tesalonikatɔwo II, 3:7-12) Edze ƒã be Kristotɔ gbãtɔwo zã kafukafu lɛtawo abe esi tɔgbe Paulo ��lɔ tsɔ kafu Foibe ene le wo nɔewo dome bene woakpe ɖe mɔzɔla siwo dze na kpekpeɖeŋuxɔxɔ ŋu. Paulo ŋlɔ be: \"Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, kafum na mi, bene miaxɔe le Aƒetɔ me, . . . eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me.\"—Romatɔwo 16:1, 2.\nYayra Siwo Míakpɔ Ne Míenye Amedzrowɔlawo\nƑe alafa gbãtɔ me Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo ka ɖe Yehowa dzi be akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na yewo. Ke hã, ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be haxɔsetɔwo awɔ amedzro na yewoa? Lidia ɖe mɔ le eƒe aƒe ŋu na Paulo kple ame bubuwo. Apostolo la dze Akwila kple Priskila gbɔ le Korinto. Gaxɔdzikpɔla aɖe ɖo kplɔ̃ na Paulo kple Sila le Filipi. Yason wɔ amedzro na Paulo le Tesalonika, Filipo wɔ amedzro nɛ le Kaisarea, eye esi wònɔ mɔ zɔm tso Kaisarea yina Yerusalem la, Mnason wɔ amedzro nɛ. Esi Paulo nɔ mɔ dzi yina Roma la, nɔviwo wɔ amedzro nɛ le Puteoli. Aleke gbegbee ŋkeke mawo anye gbɔgbɔmeyayra na amedzroxɔla siawo enye si!—Dɔwɔwɔwo 16:33, 34; 17:7; 18:1-3; 21:8, 16; 28:13, 14.\nAgbalẽnyala Frederick F. Bruce gblɔ be: \"Menye susu bubu aɖekee ʋã Paulo xɔlɔ̃ kple hatidɔwɔla kpakple amedzrowɔla siawo wokpe ɖe Paulo ŋu nenema gbegbe tsɔ wu lɔlɔ̃ si woɖo na Paulo kple Aƒetɔ si wòsubɔna la o. Wonya be ne yewosubɔe la, ke Aƒetɔ lae ma subɔm yewole.\" Esiae nye susu nyuitɔ kekeake si ta wòle be woawɔ amedzro ɖo.\nAmedzrowɔwɔ gahiã kokoko. Yehowa Ðasefowo wɔa amedzro na wo teƒenɔla haxɔsetɔ dzikpɔla mɔzɔla akpe geɖe. Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo zãa woa ŋutɔwo ƒe ga zɔa mɔ va ɖea gbeƒã le teƒe siwo womeɖea gbeƒã nyanyuia le edziedzi o. Eɖanye aleke kee míaƒe aƒewo le tsɛe o, ne míeɖe mɔ le wo ŋu na amesiawo tɔgbe la, ahe yayra geɖe vɛ na mí. Amedzrowɔwɔ kple nuɖuɖu tsɛ aɖe kura gɔ̃ hã ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na mí be 'míado ŋusẽ mía nɔewo' ahaɖe lɔlɔ̃ fia mía nɔviwo kple mía Mawu. (Romatɔwo 1:11, 12) Amedzrowɔɣi siawo ɖea vi geɖe, vevietɔ na amedzroxɔlawo elabena \"nana enye yayra wu xɔxɔ.\"— Dɔwɔwɔwo 20:35.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 11 Wobu akɔnta be kaka ƒe 100 M.Ŋ. naɖo la, wodo mɔ siwo ƒe didime ade kilometa 80,000 le Roma-fiaɖuƒea katã me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 23]\nKristotɔwo 'le amedzrowɔwɔ dzi'","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050115\/Mil%C9%94%CC%83-Amedzrow%C9%94w%C9%94-na-Mia-N%C9%94ewo\/","date":"2021-05-11T05:29:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991641.5\/warc\/CC-MAIN-20210511025739-20210511055739-00344.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986994863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986994862556458}","num_words":1516,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso Olympia va ɖo Sydney\nAME geɖe bua Olympic Kamedefefewo be eyae nye xexeame ƒe kamedefefe hoʋiʋli vevitɔ kekeake. The World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Womegatsia dzi ɖe kamedefefe aɖeke ŋu de enu o. Ame miliɔn geɖe dea fefeawo wɔƒe, eye ame miliɔn alafa geɖe kpɔnɛ le television dzi le xexeame godoo.\"\nEŋutinya Kpui Aɖe\nƑe akpe nanewo enye sia tso esime woɖo Olympic Kamedefefeawo anyi. Esi blema Helatɔwo xɔe se be kamedefefe doa dzidzɔ na ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ ta la, woɖua dukɔa ƒe azã siwo me wotsakaa mawusubɔsubɔ kple kamedefefe le. Esia ƒe ɖewoe nye Isthmus, Nemea, Olympic, kple Pythia kamedefefewo. Le wo katã dome la, Olympic kamedefefewo ŋue wodea bubui wu, elabena eya dea bubu Zeus, si Helatɔwo buna be enye mawuwo ƒe fia la ŋu.\nEdze ƒã be wɔna ɖeka si nye dulegbeƒuƒu koe nɔ Olympic gbãtɔwo me. Gake emegbe hoʋiʋli bubuwo abe tasiaɖam hoʋiʋli, kple esiwo bia dzidodo geɖe ene va kpe ɖe eŋu. Nukpɔlawo tsoa afisiafi vana. Be amewo nanɔ dedie la, wowɔa nubabla tsɔ xea mɔ ɖe aʋawɔwɔ nu do ŋgɔ na kamedefefeawo kple emegbe.\nEsi Rome va xɔ ŋusẽ la, womegava doa vivi ɖe Olympic ŋu ale o. Le nyateƒe me la, Romatɔ geɖe nyɔa ŋu fefeawo. Fiagã Nero koe to vovo. Ekpɔ gome le fefeawo me le ƒe 67 M.Ŋ. me eye wòɖu dzi le hoʋiʋli ɖesiaɖe si me wòkpɔ gome le me. Edze abe ɖe hoʋlila bubuawo ɖe mɔ nɛ be wòaɖu dzi bene wòagado dziku ɖe yewo ŋu o ene! Ke hã kaka ƒe 394 M.Ŋ. naɖo la, wodzudzɔ Olympic hoʋiʋliawo wɔwɔ.\nOlympic Kamedefefewo Gbugbɔgaɖoanyi\nƑe alafa 15 aɖewo megbe la, nusiwo ŋu Germany tomenukulawo ke ɖo le blema Olympia ƒe tagba na amewo gava dze vividodo ɖe fefeawo ŋu. Ɣemaɣie Fransetɔ Baron Pierre de Coubertin, si xɔ ƒe 29, doe ɖa be woagaɖo fefeawo anyi. Eyata le ƒe 1896 me la, wowɔ egbeŋkekea me Olympic Kamedefefe gbãtɔ le Athens. Tso ƒe ma me la, wowɔa Olympic fefeawo ƒe ene ɖesiaɖe kloe.\nEgbea ame geɖe kpɔa mɔ na fefeawo vevie. Le ƒe sia me la, woawɔ fefeawo le Sydney, Australia tso September 15 vaseɖe October 1. Nusiwo ayi edzi ƒe ɖewoe nye kamedefefe ƒomevi vovovo 28, hoʋiʋli 292, kple akpa vovovo 635, eye kamedefefewɔla siwo wu 10,300 akpɔ gome le wo me.\nGake le nyitsɔ laa ƒewo me la, nya ɖefuname geɖe dzɔ le Olympic fefeawo me. Ame geɖe gblɔna gɔ̃ hã be taɖodzinu siwo ta woɖo Olympic fefeawo la ɖo afɔku me. Ŋkuléle ɖe nusiwo medzena wokpɔna o ŋu ana míakpɔ nu nyuiwo kple nu ɖefunamewo siaa.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]\nScala\/Art Resource, NY","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000908\/Tso-Olympia-va-%C9%96o-Sydney\/","date":"2021-06-13T14:24:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487608856.6\/warc\/CC-MAIN-20210613131257-20210613161257-00471.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992702603,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992702603340149}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMawu zãa ŋusẽ si ƒo ɖe sia ɖe ta le xexea me godoo. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso ale si Mawu wɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽ miliɔn akpe geɖewo ŋu la, egblɔ be: \"Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.\"—Yesaya 40:25, 26.\nGake menye ŋusẽ dzro aɖe koe Mawu nye o. Biblia gblɔ be seselelãmewo, abe lɔlɔ̃ kple fuléle ene, le esi. (Psalmo 11:5; Yohanes 3:16) Biblia ɖee fia hã be ale si amegbetɔwo nɔa agbee la ate ŋu ana Mawu nakpɔ dzidzɔ alo ado dziku.—Psalmo 78:40, 41.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-%C6%92e-%C5%8Bus%E1%BA%BD\/","date":"2021-06-24T23:22:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488559139.95\/warc\/CC-MAIN-20210624202437-20210624232437-00331.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987347722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987347722053528}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Nɔvinyewo, ɖe mielé míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me ɖe asi hafi gaɖe mɔ ɖe ameŋkumekpɔkpɔ ŋua?+ 2 Elabena ne ame aɖe do sikasigɛwo eye wòle awu xɔasiwo me va miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahe aɖe hã le awu ƒoɖi me va la, 3 ɖe ame si do awu xɔasi la ƒe nu nyoa mia ŋu, ale be miegblɔna be, \"Va nɔ anyi ɖe teƒe nyui sia,\" eye miegblɔna na ame dahea ya be, \"Wò la, nɔ tsitrenu,\" alo, \"Nɔ anyi ɖe afi ma le nye afɔɖodzinu te\" mahã?+ 4 Ne nenemae la, ɖe miele vovototo dem mia nɔewo dome,+ eye miezu ʋɔnudrɔ̃lawo hele afia gbegblẽwo tsom oa?+ 5 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mise nya sia. Ðe Mawu metia ame siwo nye ame dahewo le xexea ƒe nukpɔkpɔ nu, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me+ kple domenyilawo le Fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la me oa?+ 6 Ke miawo miedo vlo ame dahe la. Menye kesinɔtɔwoe tea mi ɖe anyi,+ eye wohea mi yia ʋɔnui oa? 7 Ðe menye woawoe gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui si woyɔ na mi la ŋuti oa? 8 Ke azɔ, ne miewɔa fiasedede la dzi abe ale si ŋɔŋlɔ la gblɔe ene be, \"Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene\"+ la, ekema miewɔe nyuie. 9 Ke ne miekpɔa ame ŋkume la,+ ekema miele nu vɔ̃ wɔm, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.+ 10 Elabena ame si wɔa Se la katã dzi, gake wòdana le eƒe nudidi ɖeka dzi la, eda wo katã dzi.+ 11 Elabena ame si gblɔ be: \"Mègawɔ ahasi o\"+ la kee gblɔ be: \"Mègawu ame o.\"+ Ke ne mèwɔa ahasi o, gake nèwua ame la, ekema èzu sedzidala. 12 Miyi edzi mianɔ nu ƒom eye mianɔ nu wɔm abe ame siwo woatsɔ ablɔɖedukɔ ƒe se* adrɔ̃ ʋɔnui ene.+ 13 Elabena ame si mekpɔa nublanui na ame o la, womakpɔ nublanui nɛ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.+ Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi. 14 Nɔvinyewo, viɖe kae wònye ne ame aɖe gblɔna be xɔse le ye si, evɔ dɔwɔwɔ ya mele esi o?+ Ðe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbea?+ 15 Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖewo li, awu mele wo si o* eye nuɖuɖu si asu na wo le ŋkekea me hã mele wo si o, 16 evɔ mia dometɔ aɖe gblɔ na wo be, \"Miheyi le ŋutifafa me; dzo naɖo lãme na mi, eye miɖu nu miaɖi ƒo,\" ke miena nu siwo hiã woƒe ŋutilã la wo o ɖe, viɖe kae wònye?+ 17 Nenema kee xɔse hã, ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.+ 18 Ke ame aɖe agblɔ be: \"Xɔse le asiwò, eye dɔwɔwɔwo le nye hã asinye. Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔ mekpe ɖo o lam, eye nye hã mafia nye xɔse la wò to nye dɔwɔwɔwo me.\" 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li ɖe? Èwɔe nyuie. Gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se, eye wodzona nyanyanya.+ 20 Ke wò, ame gbɔlo, ɖe nèdi be yeanya be xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui meɖea vi aɖeke oa? 21 Ðe womebu mía fofo Abraham ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔ me, esi wòtsɔ via Isak na le vɔsamlekpui la dzi oa?+ 22 Èkpɔe be eƒe xɔse zɔ aduadu kple eƒe dɔwɔwɔwo, eye eƒe dɔwɔwɔwo na eƒe xɔse la de blibo;+ 23 ale ŋɔŋlɔ la va eme, si gblɔ be: \"Abraham xɔ Yehowa* dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ,\"+ eye woyɔe be Yehowa* xɔlɔ̃.+ 24 Miekpɔe be wobua ame be ele dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, ke menye to xɔse ɖeɖe ko me o. 25 Ðe menye nenema kee wobu Rahab, gbolo la, hã ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, esi wòxɔ ame dɔdɔawo nyuie hena woto mɔ bubu dzo oa?+ 26 Ɛ̃, ale si ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la,+ nenema kee xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ablɔɖese.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ele amama.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yakobo\/2\/","date":"2021-06-16T23:32:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487626122.27\/warc\/CC-MAIN-20210616220531-20210617010531-00119.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986330271,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986330270767212}","num_words":615,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Vevi si Léa Agbe Ðe Te—Tsi\nYESU ƒo nu tso tsivudo aɖe si anɔ dzidzim le ame me ahana agbe mavɔe ŋu na Samaria-nyɔnu aɖe si va tsi du ge le vudo aɖe me. (Yohanes 4:14) Togbɔ be kpɔɖeŋutsi ŋue wònɔ nu ƒom tsoe hã la, tsi ŋutɔŋutɔ nye nu vevi aɖe na agbe, eyae nye nu vevitɔ si lé agbe ɖe te le ya si míegbɔna megbe. Ame ate ŋu anɔ agbe nu maɖumaɖui kwasiɖa geɖe, gake ŋkeke atɔ̃ lɔƒo koe wòate ŋu anɔ agbe tsi manomanoe!\nMíaƒe kpekpeme ƒe akpa etɔ̃ kloe le ene me nye tsi. Le kpɔɖeŋu me, ahɔhɔ̃a ƒe akpa 75 va ɖo 85 le alafa me nye tsi, eye míaƒe lãkusi ƒe akpa 70 le alafa me nye tsi. Hekpe ɖe viɖe siwo míekpɔna tsoa tsinono me ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu le nusi míeɖu tutu kple nunyiame ɖeɖe tso eme kple nunyiamea tsɔtsɔ yi na lãmenugbagbeviwo me. Eɖea aɖi kple nu gbegblẽ bubuwo ɖa, enaa míaƒe kpeƒewo kple dɔgboa ƒe teƒeteƒewo bɔbɔna, henana be ŋutilãa ƒe dzoxɔxɔ dana sɔna. Gake ènya be tsi geɖe nono nana hã be woɖea lolo dzi kpɔtɔnaa?\nNo Tsi Nàtsɔ Aɖe Lolo Dzi Akpɔtɔe\nGbã la, nuɖuɖumeŋusẽ mele tsi me o, ami kple ʋumemi mele eme o, eye atike ƒomevi aɖewo siwo le abe dze ene (sodium) mesɔ gbɔ ɖe eme o. Evelia, eɖea nuɖuɖu ƒe ame dzodzro vevie dzi kpɔtɔna. Etɔ̃lia, tsi kpena ɖe ŋutilãa ŋu be wòawɔ ami si wòdzra ɖo ɖe eɖokui me la ŋudɔ. To mɔ ka nu? Ne ayikuwo mekpɔ tsi sɔ gbɔ o la, womate ŋu awɔ dɔ nyuie o. Ne edzɔ nenema la, aklã xɔa dɔa ƒe akpa aɖe wɔna, gake ema wɔwɔ ɖea ŋutete si le esi be wòawɔ ami si le ŋutilãa me ŋudɔ nyuie la dzi kpɔtɔna. Esia wɔnɛ be ami tsiaa ŋutilãa me, henaa wololona ɖe edzi. Le esia ta Ðk. Donald Robertson, si nye Lolo Akpa Ŋuti Nuɖuɖu Fiaƒe si le Anyieheɣetoɖoƒe Scottsdale, Arizona, U.S.A., gblɔ be: \"Tsi nono sɔ gbɔ nye mɔnu vevi hena lolo dzi ɖeɖe kpɔtɔ. Ne amesiwo le agbagba dzem be yewoaɖe lolo dzi akpɔtɔ menoa tsi sɔ gbɔ o la, ŋutilãa mate ŋu awɔ ami si le eme la ŋudɔ nyuie o.\"\nEle eme be zi geɖe la, tsi geɖe fũ akpa ƒe lã me tsitsi na ame naa wololona. Eyatae amesiwo tsi geɖe fũ akpa lɔ̃a lã me tsitsi na susuna be yewoƒe tsinono dzi ɖeɖe kpɔtɔ akpɔ kuxia gbɔ. Gake tsi manomano zã boŋue nana wololona. Ne tsi mesɔ gbɔ le ŋutilãa me o la, edina be yeazi tsi suetɔ kekeake si wòakpɔ la ɖi, hedzranɛ ɖo ɖe teƒewo abe afɔbaya, asi, kple afɔ ene me. Eyata nuɖuɖuŋutinunyalawo kafui be míatsɔ nusi míaƒe ŋutilã hiã la anae—si nye tsi sɔgbɔ nono. Eye ɖo ŋku edzi be ne èɖua dze zã la, ahiã be ŋutilãa nalé tsi sɔgbɔ ɖi be yeatsɔ anɔ dzea dzromee.\nNa Wò Ŋutilã Nanɔ Tsi Sɔgbɔ Kpɔm\nGbesiagbe le mama dedie nu la, tsi lita eve toa ŋutigbalẽa, dzitodzitoa, dɔkaviawo, kple ayikuawo me dona le mía ŋu. To yagbɔgbɔ dzaa ko me la, tsi lita afã kloe dona le mía ŋu gbesiagbe. Ne míegbugbɔ tsi sia ɖo eteƒe o la, tsi ate ŋu avɔ le lã me na mí. Tsivɔlelãmename ƒe dzesi aɖewoe nye taɖuame, ɖeɖiteameŋu, lãmekaveame, aɖuɖɔ ƒe biabiã, ŋutilã ƒe dzoxɔxɔ kabakaba, kpakple nuyi kple ŋku ƒe ƒuƒu kplakplakpla.\nEyata tsi agbɔsɔsɔ kae wòle be míano? Ðk. Howard Flaks, si nye lolo akpa ŋutinunyala gblɔ be: \"Ne amesi le lãmesẽ me meno tsi kura o la, ele be wòano tso lita eve yi eve kple afã ya teti gbesiagbe. Ahiã be nàno wu ema ne èdea kame vevie alo nèle nuto xɔdzo me. Eye ele be amesiwo lolo akpa nagano lita memama ene akpee ɖe kilogram 10 ɖesiaɖe si agakpe woƒe kpekpeme nyuitɔ ŋu.\" Gake ame aɖewo le gbɔgblɔm fifia be ne tsikɔ le ame wum hafi wòhiã be wòano tsi, togbɔ be ne tsikɔ wu amea vevie la, tsi anya vɔ le lã me nɛ ɖo afi aɖe xoxo hã.\nÐe woate ŋu ano nunono bubuwo ɖe tsi ŋutɔŋutɔ teƒea? Togbɔ be atikutsetse me tsi si wodzro kple tsi nyo hã la, womenye tsi si me nuɖuɖumeŋusẽ mele o. Azɔ hã, nunono siwo me sukli kple nyinotsi geɖe le dzia ŋutilãa ƒe tsi hiahiã ɖe edzi, elabena ehiã tsi wòatsɔ atu woe. Eye nunono siwo me aha muame kple caffeine le, abe tii kple kɔfi ene, naa woɖɔa aɖuɖɔ kabakaba, si naa wòhiãna be woano tsi geɖe atsɔ aɖo esi do la teƒe. Nu bubu aɖeke kura meli woatsɔ aɖo nu vevi ma, si nye tsi teƒe o. Eyata nukata màno tsi kplu ɖeka fifi laa o?\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 13]\nAɖaŋuɖoɖowo Hena Tsinono Dzidzi Ðe Edzi\n● Tsigoe nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi.\n● No tsi kplu ɖeka le nuɖuɖu ɖesiaɖe megbe.\n● No tsi do ŋgɔ na kamedede, le kamedeɣia, kple le kamedede megbe.\n● No tsi le gbɔɖemeɣiwo tsɔ wu be nànɔ kɔfi nom.\n● Be nàtrɔ asi le pɔmpi me tsi ŋu wòavivi la, fia voŋuti me tsi ɖe eme alo nàtsyɔe.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]\nFoto: www.comstock.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030708\/Nu-Vevi-si-L%C3%A9a-Agbe-%C3%90e-Te-Tsi\/","date":"2021-06-12T16:52:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487586239.2\/warc\/CC-MAIN-20210612162957-20210612192957-00347.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974092245,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974092245101929}","num_words":850,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Nàte Ŋu Akpe Ðe Ame Kukuwo Ŋua?\n\"Tso gɔmedzedzea me la, Sɔlemeha la . . . doa gbe ɖa ɖe [ame kukuwo] ta . . . bena ne wokɔ wo ŋu nenema la, dzidzɔ vavã si nye be woakpɔ Mawu ŋkume ŋutɔŋutɔ la nasu wo si.\" —\"Katoliko-ha ƒe Katekismo.\"\nAMEƑOMEA me tɔwo katã dina be yewoanya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Ðewohĩ wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèxa nu vevie hese le ɖokuiwò me be nu vevi aɖe bu na ye. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam nenye be amesiwo ku la gakpɔtɔ nɔa agbe le afi aɖe, eɖanye le fukpekpe me loo, alo le ŋutifafa me o, eye nenye be nane li yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu hã.\nMawusubɔla geɖe xɔe se be yewoate ŋu akpe ɖe amesiwo ku la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Hindutɔwo xɔe se be ne yewotɔ dzo yewoƒe ame vevi aɖe si ku ƒe ŋutilã le Ganges-tɔsisia to hetsɔ eƒe afiwo kaka ɖe tsia me la, yewoate ŋu ana be ame kukua ƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ mavɔ. Le Ɣedzeƒenutowo me la, Buddhatɔwo tɔa dzo pepa si wotsɔ wɔ ʋuwo, aƒewo, awuwo, kple nuƒlega ƒe nɔnɔmewo, kple susua be ame kukua awɔ nusiawo ŋudɔ le xexe kemɛa me. Le Afrika la, woƒoa aha sesẽwo ɖi le yɔdowo to, kple susua be esia aɖe vi na ame kukuwo.\nKatoliko-ha fiana be ne ame wɔ \"nuvɔ̃ gã\" aɖe heku dzime matrɔmatrɔe la, eɖe eɖokui ɖa tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ. Nɔnɔme siae \"woyɔna be 'dzomavɔ.'\" Le go bubu me la, wofiana be ame aɖe si kpɔ Mawu ƒe amenuveve la, ate ŋu akpɔ mɔ na \"dzidzɔ mavɔ akuakua\" le Mawu gbɔ le dziƒo, gake esia mado ŋgɔ na eŋuti kɔkɔ bliboe o. Ŋutikɔkɔ ate ŋu abia be woanɔ ŋutiklɔdzo me ɣeyiɣi aɖe, abe tohehe ene, ɖe nuvɔ̃ siwo woate ŋu atsɔ ake ta. Ke hã ne ame le ŋutiklɔdzo me la, woate ŋu ana kpekpeɖeŋui to gbedodoɖa ɖe eta me—enyea gbe aɖe si sɔlemehaa dona ɖe amea ta—eye wowɔa Misa hã ɖe eta. Zi geɖe la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwoe xea fe ɖe kɔnu siawo ta.\nEle dzɔdzɔme nu be nàdi be yeawɔ nusianu si nàte ŋui atsɔ ana fukpekpe aɖe si me wò ame veviwo anya nɔ totom la dzi naɖe akpɔtɔ. Ne ɖe wòanya wɔ be woakpe ɖe wo ŋu la, ɖe Mawu magblɔe na mí oa? Mina míakpɔ nusi Biblia fia ku ɖe kpekpeɖeŋu nana ame kukuwo ƒe nya sia ŋu ɖa.\nNɔnɔme si me Ame Kukuwo Le\nWotu kɔnu siwo ŋu míeƒo nu tsoe ɖe luʋɔmakumaku dzixɔse, si nye be amea ƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le eƒe ŋutilã ƒe kuku megbe, la dzi. Nusiae Biblia fia nyateƒea? Biblia gblɔ be: \"Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o. Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.\" (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Tsieƒe nye ameƒomea ƒe yɔdo.\nHakpala si gbɔgbɔ ʋã la, ŋlɔ le ŋusẽ si ku kpɔna ɖe ame ƒe tamesusu dzi be: \"Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.\"—Psalmo 146:4.\nKakaɖedzi le Biblia me nyawo ŋu, eye susu le wo me hã. Aleke nèsusu? Ðe fofo lɔ̃ame aɖe ahe to na viawo ɖe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖe si wotsɔ dziwoe taa? (Mose I, 8:21) Gbeɖe. Ke nukatae mía Fofo si le dziƒo ya awɔ nu ma tɔgbe? Esime blema Israel-vi aɖewo va srɔ̃ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnyinyi henɔ dzo tɔm wo viwo tsɔ nɔ vɔ sam na alakpamawuwo la, Yehowa tsi tre ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi ma ŋu, hegblɔ le eŋu be enye 'nusi ŋu yemede se na wo le loo, alo wòayi yeƒe ta me va ge o.'—Yeremya 7:31.\nAmegbetɔ ƒe nuvɔ̃ me tsonue nye ku, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le ku megbe o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be, \"nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku,\" eye \"amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.\"—Romatɔwo 5:12; 6:7, 23.\nAme kukuwo mekpea fu o. Ke boŋ, ɖeko wòle abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ ene, eye womele naneke nyam, ʋuu keke ahayi dzidzɔ kpɔ ge alo veve se ge o. Eyata ɖikeke aɖeke mele eme o be, agbagba siwo katã dzem amewo le be yewoana kpekpeɖeŋu ame kukuwo la, mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o.\nMɔkpɔkpɔ Kae Li na Ame Kukuwo?\nEsia mefia be wò ame vevi siwo ku la ayi edzi anɔ numanyamanya ƒe nɔnɔme me tegbee o. Ðe ema teƒe la, mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le wo lalam.\nHafi Yesu nafɔ exɔlɔ̃ Lazaro tso ku me la, Yesu gblɔ be yeyina be 'yeaɖanyɔe atso alɔ̃ me.' (Yohanes 11:11) Egblɔ le ɣebubuɣi be, \"amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.\" (Yohanes 5:28, 29) Le ɣemaɣi la, wotsɔ amesiwo woafɔ ɖe tsi tre la ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ hafi ku la ke wo xoxo, eyata mahiã be woakpe fu ɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi la ta o. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woase vivi le agbenɔnɔ me le nɔnɔme deblibowo me. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi!\nNe mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya do dzidzɔ na wò la, megahe ɖe megbe le numekuku wɔwɔ le ŋugbedodo siawo ƒe nuvãnyenye ŋu o. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.—g10\/06.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Ðe Mawu ana ame kukuwo nakpe fu le dzomavɔ mea?—Yeremya 7:31.\n▪ Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa?—Yohanes 5:28, 29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200610\/%C3%90e-N%C3%A0te-%C5%8Au-Akpe-%C3%90e-Ame-Kukuwo-%C5%8Aua\/","date":"2021-06-14T21:28:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487613453.9\/warc\/CC-MAIN-20210614201339-20210614231339-00611.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99812603,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981260299682617}","num_words":930,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Eye wova ɖo ƒua ƒe go kemɛ le Gerasatɔwo ƒe anyigba dzi.+ 2 Esi Yesu ɖi le tɔdziʋua me teti ko la, ŋutsu aɖe si dzi gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe kpɔ ŋusẽ ɖo la do tso yɔdowo* dome va do goe. 3 Yɔdoawo domee nye enɔƒe, eye va se ɖe ɣemaɣi la, ame aɖeke mete ŋu blae ɖi alo de kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o. 4 Elabena enuenu wodea kunyowu kple kɔsɔkɔsɔe, gake etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo; eye ame aɖeke metea ŋu kpea edzi o. 5 Eye ɖaa zã kple keli wònɔa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wòtsɔa kpewo nɔa eɖokui sim. 6 Ke esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ɖaa la, eƒu du va dze klo ɖe eŋkume.+ 7 Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ be: \"Nya kae le nye kpli wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Tà Mawu nam be màwɔ fum o.\"+ 8 Elabena Yesu gblɔ nɛ be: \"Wò, gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le amea me.\"+ 9 Ke Yesu biae be: \"Ŋkɔwò ɖe?\" Eye wòɖo eŋu nɛ be: \"Ŋkɔnyee nye Aʋakɔ, elabena míesɔ gbɔ.\" 10 Eye ŋutsua ɖe kuku na Yesu vevie be wòaganya gbɔgbɔawo dzoe le nutoa me o.+ 11 Ke hawo+ ƒe hatsotso gã aɖe le afi ma le nu ɖum le toa dzi.+ 12 Eye gbɔgbɔawo ɖe kuku nɛ be: \"Nya mí ɖo ɖe haawo me be míage ɖe wo me.\" 13 Eye wòɖe mɔ na wo. Gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go yi ɖe haawo me, eye haawo ƒu du kplikplikpli to to la dzi* ge dze ƒu la me doo, woanɔ abe akpe eve ene, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me. 14 Ke hakplɔviawo sí eye wova gblɔ nya la le dua me kple kɔƒewo me, eye amewo yi ɖakpɔ nu si dzɔ la.+ 15 Wova Yesu gbɔ eye wokpɔ ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe aʋakɔa nɔ la, edo awu henɔ anyi, eye eƒe mo kɔ, ale vɔvɔ̃ ɖo wo. 16 Eye ame siwo kpɔ nu si dzɔ ɖe ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã kple haawo dzi la, ka eta na vavalawo. 17 Eya ta woɖe kuku na Yesu vevie be wòadzo le yewoƒe nutoa me.+ 18 Ke esi wòle gegem ɖe tɔdziʋua me la, ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii.+ 19 Gake mena mɔe o, ke boŋ egblɔ nɛ be: \"Yi aƒe me le ƒowòmetɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu siwo katã Yehowa* wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wòe la na wo.\" 20 Ŋutsu sia dzo hede asi gbeƒãɖeɖe me le Dekapoli* tso nu siwo katã Yesu wɔ nɛ la ŋuti, eye wòwɔ nuku na ameawo katã. 21 Esi Yesu ɖo tɔdziʋua gatso ƒua va go kemɛ dzi la, ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋu, esime wònɔ ƒua nu.+ 22 Ke ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yairo la va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔnu.+ 23 Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ be: \"Vinyenyɔnuvi dze dɔ vevie.* Meɖe kuku, va da asi ɖe edzi+ bena eƒe lãme nasẽ ne wòatsi agbe.\" 24 Eye wòyi kplii, ke ameha gã aɖe dze eyome, eye womimii ɖo. 25 Azɔ nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ+ lém ƒe wuieve sɔŋ+ la hã le afi ma. 26 Nyɔnu sia kpe fu le atikewɔla geɖewo si me, eye wògblẽ eƒe nunɔamesiwo katã, gake dɔa meka ɖe eme nɛ o, ke boŋ ɖeko wòganyra ɖe edzi. 27 Esi wòse Yesu ŋkɔ la, eto ameha la dome va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awudziwui ŋu,+ 28 elabena egblɔna le eɖokui me be: \"Ne meka asi eƒe awudziwui teti ŋu la, mahaya.\"+ 29 Eye enumake ʋusisi la nu tso, eye wòse le lãme be dɔléle vɔ̃ɖi la vɔ na ye. 30 Enumake Yesu de dzesii be ŋusẽ+ do go le ye me, ale wòtrɔ le ameha la dome hebia be: \"Ame kae ka asi nye awudziwuiwo ŋu?\"+ 31 Ke eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: \"Èkpɔe be ameha la mimi wò ɖo tso hafi nèle biabiam be, 'Ame kae ka asi ŋunye?'\" 32 Ke etsa ŋku godoo va kpe be yeakpɔ ame si wɔ nu sia. 33 Vɔvɔ̃ ɖo nyɔnu la, eye wòle dzodzom nyanyanya, elabe enya nu si dzɔ ɖe edzi, eye wòva dze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ nyateƒea katã nɛ. 34 Yesu gblɔ nɛ be: \"Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me,+ eye nàhaya tso wò dɔléle vɔ̃ɖi la si me.\"+ 35 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, ame aɖewo tso ƒuƒoƒedzikpɔla Yairo ƒe aƒe me va gblɔ be: \"Viwònyɔnuvi la ku! Nu ka ƒe fue nàgaɖe na Nufiala la?\"+ 36 Ke Yesu se nya si gblɔm wole la, eye wògblɔ na ƒuƒoƒedzikpɔla la be: \"Mègavɔ̃ o, wò ya xɔ se ko.\"+ 37 Ke meɖe mɔ na ame aɖeke be wòakplɔ ye ɖo o, negbe Petro, Yakobo kple Yohanes, si nye Yakobo nɔvi la ko.+ 38 Ale wova ƒuƒoƒedzikpɔla la ƒe aƒe me, eye wòkpɔ be teƒea tɔ zi eye amewo le avi fam hele ɣli dom bobobo.+ 39 Esi wòge ɖe aƒea me la, ebia wo be: \"Nu ka tae miele avi fam ale hena aƒea me tɔ zi? Ðevia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.\"+ 40 Ale wode asi ekoko me. Ke esi wòna wo katã do go la, ekplɔ ɖevia fofo kple dadaa kpakple ame siwo kpe ɖe eŋu la ɖe asi, eye wòyi afi si ɖevia le. 41 Esi wòlé ɖevia ƒe alɔnu la, egblɔ nɛ be: \"Talita kumi,\" si gɔmee nye: \"Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, 'tsi tsitre!'\"+ 42 Enumake nyɔnuvia tsi tsitre eye wòzɔ azɔli. (Nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve.) Eye gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo eye wogli kple dzidzɔ. 43 Ke ede se na wo vevie be womegana ame aɖeke nase nya sia o,+ eye wògblɔ na wo be woadi nane nɛ wòaɖu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ŋkuɖodziyɔdowo.\"\n^ Alo, \"to la dzi va ɖo eƒe aga nu.\"\n^ Alo, \"Du Ewoawo Ƒe Nuto Me.\"\n^ Alo, \"ɖo kudo nu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/marko\/5\/","date":"2021-06-15T14:38:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621273.31\/warc\/CC-MAIN-20210615114909-20210615144909-00483.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994330406,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994330406188965}","num_words":950,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER 25, 2020\nXEXEA ME KATà ƑE NYADZƆDZƆWO\nEsi Corona dɔvɔ̃a yi edzi le kakam la, Dɔdzikpɔha me tɔ aɖe ƒo nu tso nu si tae wòle vevie be míayi edzi aɖɔ ŋu ɖo ahanɔ ŋudzɔ kple ale si míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo ta be míagaxɔ dɔa o la ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ eve aɖewo siwo dze le videoa me la ɖo kpe esia dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/jw\/nuto\/xexea-me\/%C6%91e-2020-D%C9%94dzikp%C9%94ha-%C6%91e-Nyatakaka-Asiekelia\/","date":"2021-06-15T19:35:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621519.32\/warc\/CC-MAIN-20210615180356-20210615210356-00203.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954515696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954515695571899}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nufialawo—Nukatae Míehiã Wo?\n\"Ŋkeke akpe ɖeka ƒe nusɔsrɔ̃ veviedodotɔe mede nufialagã gbɔ nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o.\"—Japantɔwo ƒe lododo.\nÈÐO ŋku nufiala si ƒe nufiafia kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò vevie le suku la dzia? Alo ne sukuvie nenye la, ɖe nufiala aɖe si nèlɔ̃na vevie le asiwòa? Ne nenemae la, nukatae?\nNufiala nyui naa kakaɖedzi nɔa ame si eye wònaa nusɔsrɔ̃ nyea dɔ si doa dzidzɔ na ame. Englandtɔ aɖe si xɔ ƒe 70 ɖo ŋku nufiala si fiae Eŋlisigbe le suku dzi kple dzidzɔ. \"Aƒetɔ Clewley na mede dzesi ŋutete siwo nyemenya be wonɔ asinye o. Ŋu kpeam eyata nyemenɔa ame dome o, gake ekpe ɖe ŋunye mege ɖe sukua ƒe fefewɔwɔ ƒe hoʋiʋli me. Mexɔ nunana le fefea me esi meɖo sukuxɔ mamlɛa me. Eƒe dzideƒoname manɔmee la, anye ne nyemete ŋui o. Etena ɖe dzinye vevie be nyemegakpɔ nɛ le ƒe siawo me o ne mada akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wòna eƒe sukuviwo ta.\"\nMargit, nyɔnu aɖe si kɔa mo ɖe ame si le eƒe ƒe 50-awo me, si tso Munich, Germany, gblɔ be: \"Nufiala ɖeka aɖe li si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o. Mɔnu nyui aɖe le esi si wòtsɔ ɖea nya sesẽwo gɔme bɔbɔe. Ede dzi ƒo na mí be míabia nyawo ne míese nane gɔme o. Mehena ɖe megbe le ame ŋu o, ke boŋ ewɔa xɔlɔ̃. Esia na sukuxɔme nɔnɔ vivina.\"\nPeter, si nye Australiatɔ, ɖo ŋku nufiala si fiana akɔnta dzi, amesi ŋu wògblɔ le be, \"ekpe ɖe mía ŋu míekpɔ vevienyenye si le nusi srɔ̃m míenɔ la ŋu to kpɔɖeŋu nyuiwo wɔwɔ me. Esi míenɔ akɔnta si ku ɖe dzogoewo ŋu srɔ̃m la, efia alesi míadzidze xɔ asi makamaka eŋu gɔ̃ hã mí, to gɔmeɖose siwo ku ɖe dzogoewo ŋu zazã ko me. Meɖo ŋku edzi be megblɔ na ɖokuinye kpɔ be, 'Amee bi alea!'\"\nPauline, si tso dziehe England, gblɔ eƒe dzimenya na eƒe nufiala be: \"Akɔntabubu sesẽna nam ŋutɔ.\" Ebiae be: \"Àdi be yeawɔ geɖe wua? Mate ŋu akpe ɖe ŋuwò.\" Pauline yi edzi be: \"Ena kpekpeɖeŋu geɖem le ɣleti ʋɛ siwo kplɔe ɖo me, ne míekpã le suku gɔ̃ hã. Menyae be edi be makpɔ dzidzedze—etsɔ ɖe le eme nam. Esia nyanya na mesrɔ̃ nu geɖe, eye megadze agbagba ɖe edzi.\"\nAngie, si tso Scotland, si le eƒe ƒe 30-awo me fifia ɖoa ŋku Aƒetɔ Graham, amesi fia blemaŋutinya wo la dzi. \"Ena blemaŋutinya sɔsrɔ̃ vivina ale gbegbe! Egblɔa nudzɔdzɔawo abe ŋutinya aɖe ene eye dzo nɔa eme ŋutɔŋutɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ŋu. Enaa dzo nɔa nusianu me.\" Egaɖoa ŋku Aƒenɔ Hewitt, nyɔnu tsitsi si fia nui le klass gbãtɔ hã dzi kple dzidzɔ. \"Enyoa dɔme hetsɔa ɖe le eme na ame. Meyi egbɔ le sukuxɔ me gbeɖeka va bia nya aɖee. Ekpla asi kɔ nam. Ena mese le ɖokuinye me be etsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ.\"\nTimothy, si tso anyiehe Greece, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. \"Megaɖoa ŋku nufiala si fiam dzɔdzɔmeŋutinunya dzi kokoko. Etrɔ nukpɔsusu si ava nɔ asinye le agbe me le xexe si ƒo xlãm ŋu kura. Ena dzidzɔ wɔnuku aɖe nɔa sukuxɔ me. Eƒã nunya kple gɔmesese ƒe amesinɔnɔ ƒe didi vevie ɖe mía me.\"\nRamona, si tso California, U.S.A., hã nye kpɔɖeŋu bubu. Eŋlɔ be: \"Nye nufiala le kɔledzi lɔ̃ Eŋlisigbe ale gbegbe. Dzonɔameme si le eme la gena ɖe míawo hã me! Enaa akpa siwo sesẽ hã dzena nu bɔbɔe.\"\nJane, si tso Canada ƒo nu tso nufiala si fia lãmesẽfefe wo ŋu kple dzidzɔ be enye amesi \"si nukokoedoname kple nusɔsrɔ̃ ƒe aɖaŋuwo le. Ekplɔ mí ɖi tsa yi teƒe geɖe eye wòfia snodzifefe kple lãɖeɖe le sno me mí. Míemè Indiatɔwo ƒe abolo aɖe kura le dzo si mía ŋutɔwo míedo le míaƒe asaɖa me gɔ̃ hã. Esiawo katã nye nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe na nye amesi medona le aƒeme o si nɔa nusɔsrɔ̃ ko dzi!\"\nHelen nye ɖetugbui si ŋu kpena vevie si wodzi le Shanghai eye wòde suku le Hong Kong. Egblɔ be: \"Esi menɔ klass atɔ̃lia la, nufiala aɖe nɔ asinye, Aƒetɔ Chan, si fiaa lãmesẽfefe kple nutata. Menye ame tsralɛ eye nyemenya volleyball kple basketball ƒoƒo kura o. Medoa ŋukpem o. Eɖe mɔ nam meƒoa bɔl bubu si nye badminton eye mewɔ kamedefefe siwo menya nyuie. Esea nu gɔme na ame eye eƒe dɔme nyo hã.\n\"Nenema ke enye nutata hã—nyemenya alesi wotaa nuwo kple amewo o. Eyata eɖe mɔ nam be mata nɔnɔme kple atsiã siwo tata anɔ bɔbɔe nam. Esi sukuvi mamleawo tsi wum ta la, ede dzi ƒo nam be maganɔ sukuxɔ ma ke me hena ƒe bubu. Esiae na nuwo va de dzinye nyuie le nye sukudede me. Ena kakaɖedzi va su asinye eye mewɔ ŋgɔyiyi. Mada akpe nɛ ɣesiaɣi.\"\nNufiala kawoe te ŋu fiaa nu wògena ɖe susume na ame? William Ayers ɖo eŋu le eƒe agbalẽ si nye To Teach—The Journey of a Teacher me be: \"Nusi nufiafia nyui bia wue nye ameŋububu, nufiala si léa be na ame hetsɔa eɖokui ɖoa anyi ɖe sukuviwo ƒe agbe ta. . . . Nufiafia nyui menye aɖaŋu alo atsiã, ɖoɖo alo nuwɔna tɔxɛ aɖe ƒe nya o. . . . Lɔlɔ̃ ƒe nyae nufiafia nye koŋ.\" Eyata amekae nye nufiala kpɔ dzidzedze? Egblɔ be: \"Nufiala si ɖoa wò dzi gbɔ, nufiala si sea nu gɔme na wò alo esi tsɔa ɖe le eme na wò, nufiala si ƒe lɔlɔ̃ na nusiawo—hadzidzi, akɔnta, Latin, kites—na wòdzroa ame eye woʋãa ame.\"\nÐikeke mele eme o be, nufiala geɖe xɔ akpedada geɖe tso sukuviwo kple dzilawo gɔ̃ hã gbɔ, eye esia de dzi ƒo na wo be woayi edzi togbɔ be kplamatsedonu le mɔ me na wo hã. Nu ɖeka aɖe si ɖe dzesi si ta amewo gblɔ akpedanya gbogbo siawo ɖoe nye ɖetsɔleme vavã kple dɔmekɔkɔ si nufialawo ɖe fia sukuviawo.\nEle eme baa be, menye nufialawo katãe ɖea nɔnɔme nyui siawo fiana o. Azɔ̃ hã, nufialawo toa nyaƒoɖeamenu geɖewo me si kpɔa ŋusẽ ɖe nusi woate ŋu awɔ na woƒe sukuviwo dzi. Esia kplɔ mí va nyabiabia sia gbɔ, Nukatae amewo tiaa dɔwɔɖui sesẽ sia tɔgbe?\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\n\"Lɔlɔ̃ ƒe nyae nufiafia nye koŋ\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/Nufialawo-Nukatae-M%C3%ADehi%C3%A3-Wo\/","date":"2021-06-22T11:54:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488517048.78\/warc\/CC-MAIN-20210622093910-20210622123910-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985983968,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985983967781067}","num_words":1006,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èyi mɔkeke vɛ le agbe ɖum eye nèdi be xɔ̃wòwo nanya nu tso eŋu! Gake aleke nàwɔe?\n(1) Ðe nàŋlɔ agbalẽ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe to posu dzia?\n(2) Ðe nàŋlɔ e-mail na xɔ̃wòwo katã?\n(3) Ðe nàda fotowo ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo be woakpɔa?\nEsime tɔgbuiwòwo kple mamawòwo nɔ abe wò ene la, anɔ eme be mɔnu gbãtɔ koe li woate ŋu azã.\nEsime dziwòlawo nɔ abe wò ene la, ɖewohĩ mɔnu evelia ye woazã.\nEgbea, sɔhɛ geɖe siwo woɖe mɔ na be woada woƒe fotowo ɖe Internet dzi la atia mɔnu etɔ̃lia. Nenemae wòle le gowòmea? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na afɔku aɖewo siwo le ezazã me.\nViɖe kawoe le ezazã me?\nEtsɔna wu. \"Ne mezɔ mɔ aɖe si mese vivi na ŋutɔ alo nye kple xɔ̃nyewo míekpɔ dzidzɔ ɖekae la, mate ŋu ada eŋuti fotowo ɖe Internet dzi esime dzi gakpɔtɔ le dzɔyem.\"—Melanie.\nEle bɔbɔe wu. \"Ele bɔbɔe nam be makpɔ foto yeye siwo xɔ̃nyewo da ɖe Internet dzi ale be manya nu si le edzi yim tsɔ wu be maŋlɔ e-mail na wo.\"—Jordan.\nAte ŋu ana nànɔ kadodo me kple wò ame nyanyɛwo. \"Ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nye aɖewo le didiƒe tso gbɔnye. Ne wodaa fotowo ɖi edziedzi eye nye hã mekpɔa wo edziedzi la, ɖeko wòle abe ɖe mele ame siawo kpɔm gbe sia gbe ene!\"—Karen.\nAfɔku kawoe le eme?\nAte ŋu agblẽ nu le wò dedienɔnɔ ŋu. Ne mɔ̃ si nètsɔ ɖea foto la dea dzesi teƒe si nèɖee le la, ate ŋu aɖe nu geɖe afia le ŋuwò wu ale si nèsusui. Nyatakakadzraɖoƒe si nye Digital Trends ka nya ta be: \"Ne èda foto kple video siwo ate ŋu ana amewo nanya afi si woɖee le ɖe Internet dzi la, ame ƒomevi ɖe sia ɖe si ɖo tame vɔ̃ si si kɔmpiuta dzi dɔwɔnu deŋgɔwo le la ate ŋu anya afi si nèle.\"\nKe hã, nya lae nye be, nu si koŋ nu vlo wɔla aɖewo adi be yewoanya ye nye teƒe si mèle o. Le nyatakaka aɖe si Digital Trends na me la, wogblɔ be adzogli etɔ̃ ge ɖe aƒe 18 sɔŋ me hefi nuwo esime ame aɖeke menɔ aƒeawo me o. Aleke wowɔ nya be ame aɖeke manɔ aƒeawo me ɣemaɣi o? Woyi Internet dzi heto mɔnu aɖe dzi ɖia aƒea me nɔlawo hede dzesii be womenɔ aƒeawo me o, eye woyi ɖafi nunɔamesi siwo ƒe home wu Amerika dɔlar 100,000.\nÀte ŋu ava ke ɖe foto siwo mesɔ kura o ŋu. Mekpea ŋu na ame aɖewo be yewoada nu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe Internet dzi be ame sia ame nakpɔ o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sara gblɔ be: \"Afi si kuxia le ye nye ne èva le ŋku kem ɖe ame siwo mènya o ƒe fotowo me le woƒe fotodaɖoƒe. Ðeko wòle abe èle tsatsam le du aɖe si mènya o me evɔ mɔfianu aɖeke mele asiwò o ene. Anɔ bɔbɔe ŋutɔ be nàva do ɖe teƒe aɖe si mèɖoe be yeayi hafi o.\"\nAte ŋu agblẽ ɣeyiɣi na wò. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Yolanda gblɔ be: \"Ele bɔbɔe ŋutɔ be nàva vu ɖe foto yeye siwo amewo da ɖi la kpɔkpɔ kple nya siwo ame sia ame ŋlɔ tso wo ŋu la xexlẽ ŋu. Ne mèɖɔ ŋu ɖo o la, ava ɖo ɣeyiɣi aɖe si nànɔ wò asitelefon dzi kpɔm enuenu be yeakpɔ ɖa be nu yeye kae gava hã.\"\nÐetugbui aɖe si ŋkɔe nye Samantha hã lɔ̃ ɖe nya ma dzi. Egblɔ be: \"Eva hiã be maɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si mezãna ɖe Internet dzi hahoo kadoƒeawo ŋu. Ele be nànye ame si ɖua ɖokuiwò dzi ne fotodaɖoƒe anɔ asiwò le Internet dzi.\"\nNu si nàte ŋu awɔ\nÐoe kplikpaa nàƒo asa na foto siwo mesɔ be nàkpɔ o. Biblia gblɔ be: \"Nyematsɔ nu maɖevi aɖeke aɖo ŋkunyeme o.\"—Psalmo 101:3.\n\"Enuenu la, mekpɔa nu yeye siwo ame siwo medoa ka kple la da ɖe woƒe fotodaɖoƒe, eye ne mekpɔe be nu siwo wodana ɖe afi ma menyo o la, metsoa kadodoa me kpli wo.\"—Steven.\nƑo asa na kadodo kple ame siwo ƒe susu le agbe nyui nɔnɔ ŋu mewɔ ɖeka kple tɔwò o, elabe woate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ale si nèɖoe be yeanɔ agbe nyui la dzi. Biblia gblɔ be: \"Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.\"—1 Korintotɔwo 15:33.\n\"Mèganɔ ame siwo xɔ ŋkɔ la ƒe fotodaɖoƒewo yim le esi woxɔ ŋkɔ ta ko o. Zi geɖe la, afi mae nàke ɖe nya ƒaƒãwo, amamaɖenuwo kple nu manyomanyo bubuwo ŋu le.\"—Jessica.\nÐo seɖoƒe na ɣeyiɣi si nàzã atsɔ nɔ fotowo me tsam le Internet dzi kple zi gbɔ zi ale si nànɔ fotowo dam ɖe edzi. Biblia gblɔ be: \"Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.\"—Efesotɔwo 5:15, 16.\n\"Medzudzɔ kadodo kple ame aɖewo siwo daa nuwo ɖe woƒe fotodaɖoƒewo atraɖii. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu ayi ƒuta eye wòaɖe foto ƒumebɔbɔgo ɖeka ma ke zi gbɔ zi 20 atsɔ ada ɖe eƒe fotodaɖoƒe. Egɔme ɖe? Enye ɣeyiɣi gbegblẽ be nànɔ foto mawo katã kpɔm.\"—Rebekah.\nKpɔ egbɔ be foto siwo nàda ɖe wò fotodaɖoƒea nagahe susu ava ɖokuiwò dzi akpa o. Biblia ŋlɔla si ŋkɔe nye Paulo gblɔ be: \"Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.\" (Romatɔwo 12:3) Mègasusui be wò ŋutɔ ɖokuiwò kple nu siwo nèwɔ ŋuti fotowo awɔ dɔ ɖe xɔ̃wòwo dzi o.\n\"Ame aɖewo ɖea foto wo ɖokuiwo atraɖii dana ɖe woƒe fotodaɖoƒewo. Ne xɔlɔ̃woe míenye la, menya wò dzedzeme nyuie—mehiã be nànɔ ŋku ɖom edzi nam enuenu o!\"—Allison.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/foto-dada-%C9%96e-internet-dzi\/","date":"2021-07-27T02:06:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046152168.38\/warc\/CC-MAIN-20210727010203-20210727040203-00631.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977520704,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977520704269409}","num_words":939,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 78\nStanza 1\nTrɔsubɔlawo dukɔ la,\nTso nàxɔ wò kekeli!\nDzidzɔ ƒe kekeli nyui la,\nDo na wò le Betlehem.\nKristo, si nye xexeme\nƑe kekeli do na mi.\nStanza 2\nViviti do ɖe dukɔwo,\nHafi kekeli sia do.\nTsizi gãa 'ɖe me ko wole;\nGake azɔ ŋu la ke,\nEye ɣletivi, si do,\nKplɔ mí va Aƒetɔ gbɔ.\nStanza 3\nGake wò dukɔ tiatia la\nMesze si eƒe fia o.\nÐokuibeble ƒe afu la\nGale eƒ'a-nyigba dzi.\nŊu la ke le Salem tso;\nGake Salem menyae o.\nStanza 4\nNunyalawo va subɔ ge,\nFia Herodes hã bia be:\n'Fi ka wodzi Kristo la le?\nGake susu vɔ̃ le 'me.\nEƒe didi ko enye,\nBe yeakɔ eƒe ʋu ɖi.\nStanza 5\nTrɔ̃subɔlawo, migagbe\nMiaƒe ɖela xɔxɔ o!\nKe miva zu mawuviwo,\nMidze klo, ne miasubɔe!\nMigazɔ ɖɔɖɔɖɔ o,\nMiƒu du va ɖela gbɔ!\nStanza 6\nMíetsɔ míaƒe dzi blibo la\nVɛ na wò eye míelɔ̃,\nBe míaxɔ wò, míaƒe fia la.\nÐe wò ŋusẽ gã fia mí!\nMíedze klo le subɔwòm,\nMía xɔse hã le xɔwòm.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-78\/","date":"2021-09-27T07:24:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985190034,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985190033912659}","num_words":171,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 256\nStanza 1\nƲu mawuxɔ ƒe ʋɔ na mí,\nKplɔ mí yi ɖe kɔkɔeƒe!\nElabena afi sia ko\nDzidzɔ gã aɖe le na mí.\nMawu ŋutɔ l'a-fi sia,\nDzudzɔ kple ŋutifafa.\nStanza 2\nAƒetɔ, gbɔwòe míete va,\nWò hã va nɔ mía dome!\n'Fi si nèɖo nɔƒe ɖo la,\nEnyea ŋutifafaƒe.\nGe ɖe míaƒe dzi me ke,\nNàwɔe nɔwòƒe kɔkɔe!\nStanza 3\nWɔ mía dzi, nuku nyui doƒe,\nBe ne wò nya la namie!\nNa mía nyasa nazu kɔkɔe,\nNe nya, si wogblɔna la,\nNage ɖe míaƒe dzi me,\nAtse ku geɖe ŋutɔ!\nStanza 4\nNa míaƒe xɔse nasẽ ŋu,\nMègana be nu nyui sia\nNabu le míaƒe dzi me o!\nWò nya nanɔ mía ŋgɔ ɖaa,\nAnye míaƒe ɣletivi,\nSi akplɔ mí ayi dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-256\/","date":"2021-09-27T07:57:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00288.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971441031,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971441030502319}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 100\nStanza 1\nXexeme, kpɔ wò ɖela,\nSi woklã ɖ'a-tiŋu ɖa!\nWò xɔla le kukum,\nLe ŋutilã kple luʋɔ\nƑe fukpekpe geɖe me;\nEvɔ la dziƒo fia wònye.\nStanza 2\nMite va kpɔ ale si\nYesu le kudɔ ƒomi,\nFifia ƒo ɖe 'ŋu keŋ.\nLe vevesese ta la,\nŊeŋe manyagblɔ geɖe\nLe ɖiɖim tso 'ƒe dzi me ke.\nStanza 3\nAme ka gɔ̃ wɔ fu wò,\nDzu wò, ƒo wò mo ale?\nNu ka gɔ̃ nèwɔ ma?\nMenye vɔ̃wɔla nènye\nAbe míawo ene o;\nMènye vɔ̃a-ɖekeɖeke o.\nStanza 4\nNye, nye kple nye nu vɔ̃wo\nƑe xexlẽme, si sɔ gbɔ\nAbe ke ene la,\nTae nèkpe fu gã sia ɖo,\nEye wò luʋɔ xa nu\nLe fiƒodeti la kɔgo.\nStanza 5\nNye koe nu sia katã dze,\nBe woablam, asi kpl'a-fɔ.\nAwɔ fum nenema!\nƑofo kpl'a-tam ƒe veve,\nAtitsoga ƒe ŋukpe,\nFu siawo katã dzem vavã!\nStanza 6\nWò ku la ko xɔm ɖ'a-gbe,\nFa dɔme na mía Mawu,\nNa nye dzi me hã fa.\nWò ku la nado ŋusẽm,\nAtrɔ nye dzi me keŋkeŋ,\nBe manɔ agbe na wò ɖaa!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-100\/","date":"2021-09-27T07:33:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998724699,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987246990203857}","num_words":176,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 148\nStanza 1\nO Yesu, nɔ anyi kpli mí!\nXexe sia me me do viviti.\nWò nya nye kekeli na mí,\nNa woaklẽ ɖe míaƒe dzi me!\nStanza 2\nLe ɣeyiyi vɔ̃ siawo me\nNa míaƒe xɔse nali kenu!\nWò nya kple nuɖuɖu kɔkɔe\nNanyi mí yi ɖe ku me ke!\nStanza 3\nAƒetɔ, kpɔ wò hame ta!\nMiezu gblɔdɔɔ, mia lãme fa.\nDe dzo wo nyagbɔgblɔ la me,\nBe woanyɔ mitso kuvia me!\nStanza 4\nDɔwɔwɔ la kple bubu hã\nMenye mía tɔ o, tɔwo koe.\nEya ta xɔ na 'me siwo\nKatã ɖo dzi ɖe ŋuwo ɖaa!\nStanza 5\nWo nya nye hamela ƒe yi\nKple akpoxɔnu vavãtɔ,\nNàdzra eya ko ɖo na mi\nBe míagadi nya bubu o!\nStanza 6\nNa ŋutifafa mí l'a-fi\nLe amedzronyigba sia dzi,\nBe míava ɖo mia dziƒoƒe\nNe mía ŋutilã ku megbe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-148\/","date":"2021-09-27T08:24:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00558.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9913935661,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9913935661315918}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 214\nStanza 1\nAlẽvi ƒe ʋu,\nEya ɖe mía nu;\nGbedoɖagbɔgbɔ.\nEya kpɔ ŋusẽ tso dziƒo kple dzidzɔ!\nStanza 2\nYesu na ŋusẽ,\nBena míasu te,\nNe dziya ƒo hã,\nKpe gbadzaa dzi ko nɔ ge míawo míala!\nStanza 3\nNe mɔ dzi xe hã,\nŊu agake tsã!\nNe míawu mo te,\nYesu ƒe ʋu la ɖe mí le ku me ke.\nStanza 4\nYesu tɔ menye,\nEsia faa 'kɔ nam;\nEfɔ tso yɔ me\nHele dzi ɖum kple fofoa le ŋusẽ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-214\/","date":"2021-09-27T07:48:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00702.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985738397,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985738396644592}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.286,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 85\nStanza 1\nO Yesu Kristo, míaƒe ɖela,\nGb'a-ɖe gbe nènɔ dawò ƒ'a-kɔ me;\nƔemaɣi nènye ɖevi sue ko,\nEgbe le míele ŋku zã ma dzi\nWòe tso dziƒo ke va trɔ zu ame\nLe anyigba sia dzi, be yeaɖe mí.\nStanza 2\nMíetsi tre ɖe gbɔwò l'a-fi sia,\nEye míele gbe hã dom ɖa na wò.\nMíetsɔ akpedada vɛ na wò,\nEye mí katã míele kafuwòm;\nElabena wòe nye mía ɖela gã,\nSi ke ɖi tso dziƒo va ɖe mia ta.\nStanza 3\nAƒetɔ, míeɖe kuku na wò,\nÐo ŋku mía dzi, ne nàva mía dome,\nYe nàwɔ mía dzi wòazu tɔwò;\nNàɖe mí katã tso mía nu vɔ̃ me,\nKplɔ mí va gbɔwò, bena míadzi ha\nKpakple dɔlawo be: Haleluya!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-85\/","date":"2021-09-20T05:44:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00292.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985305667,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985305666923523}","num_words":120,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.158,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo medea nu dunya me o le woƒe dzixɔsewo ta, eye wotu wo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi. Míeɖo ƒuƒoƒo aɖe si ʋlia mía ta le dziɖuɖua gbɔ o, míedaa akɔ na dunyaheha alo ame aɖeke o, míeʋlina be dziɖuɖu ƒe ɖoƒe aɖe nasu mía si alo kpɔa gome le dziɖuɖutɔtrɔ ƒe wɔna aɖeke me o. Míexɔe se be Biblia gblɔ susu vevi aɖewo siwo tae wòle be míawɔ alea ɖo.\nMíesrɔ̃ Yesu, ame si melɔ̃ be yeawɔ dunyahedɔ o. (Yohanes 6:15) Efia eyomedzelawo be \"womenye xexea ƒe akpa aɖeke o\" eye wòna eme kɔ na wo be womegade nu dunyahehe me o.—Yohanes 17:14, 16; 18:36; Marko 12:13-17.\nMíewɔa nuteƒe na Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si ŋu Yesu gblɔ le be: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.\" (Mateo 24:14) Abe Mawu Fiaɖuƒea teƒenɔlawo ene la, wobia tso mía si be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava, míagade nu dukɔ aɖeke ƒe dunyahehe me o, eye dukɔ si me míele la hã le eme.—2 Korintotɔwo 5:20; Efesotɔwo 6:20.\nEsi míedea nu dunyahehe me o ta la, míetea ŋu gblɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe nya nyuia na ame siwo le dunyaheha vovovowo me. Míeɖenɛ fiana le míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me be Mawu Fiaɖuƒea ŋue míeɖoa ŋu ɖo be wòava kpɔ xexea me ƒe kuxiwo gbɔ na mí.—Psalmo 56:11.\nEsi wònye be míedea dunyaheha aɖeke dzi o ta la, míenye xexea me katã ƒe nɔvi siwo wɔ ɖeka. (Kolosetɔwo 3:14; 1 Petro 2:17) Gake subɔsubɔha siwo dea nu dunyahehe me la, dea mama woƒe hameviwo me.—1 Korintotɔwo 1:10.\nMíedea bubu dziɖuɖuwo ŋu. Togbɔ be míedea nu dunyahehe me o hã la, míedea bubu dukɔ siwo me míele la ƒe dziɖuɖuwo ŋu. Esia wɔ ɖeka kple se si Biblia de be: \"Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te.\" (Romatɔwo 13:1) Míewɔna ɖe se dzi, míexea adzɔ, eye míekpea asi ɖe agbagba siwo dziɖuɖua dzena be yeakpɔ dukɔmeviwo ƒe dedienɔnɔ gbɔ la ŋu. Míedea adã tame na amewo be woatso ɖe dziɖuɖu ŋu o, ke boŋ míewɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míado gbe ɖa ɖe \"fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta\" dzi, vevietɔ ne wole ɖoɖo aɖe si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi la wɔm.—1 Timoteo 2:1, 2.\nMíedea bubu gome si le ame bubuwo si be woatso nya me le dunyahenyawo me hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míedea zitɔtɔ akɔdada ƒe ɖoɖowo me o alo hea nya ɖe ame siwo tianɛ be yewoada akɔ la ŋu o.\nMíawoe nye ame gbãtɔ siwo medea nu dunya me oa? Ao. Apostoloawo kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã wɔa nu ɖe dziɖuɖuwo ŋu abe míawo ke ene. Agbalẽ aɖe (Beyond Good Intentions) gblɔ be: \"Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo xɔe se be enye yewo ƒe agbanɔamedzi be yewoade bubu dziɖuɖuwo ŋu hã la, wonya hã be mele be yewoade nu dunya me o.\" Nenema kee agbale bubu (On the Road to Civilization) hã gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo melɔ̃ be \"yewoawɔ dɔ siwo de nu dunyahehe me o.\"\nÐe míaƒe numademade dunya nye afɔku na dukɔa? Ao. Míenye dukɔmevi ŋutifafalɔ̃la siwo mele be dziɖuɖu navɔ̃ na kura o. Bu nyatakaka sia si Ukraine Dukɔa Ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Ƒe Nyametsoha ɖe ɖe go le ƒe 2001 me ŋu kpɔ. Nyatakaka sia ŋlɔlawo ŋlɔ tso ale si míedea nu dunya me o ŋu ale: \"Ale si Yehowa Ðasefowo gbena be yewomade nu dunya me o la madzɔ dzi na ame aɖewo egbea o; nuwɔna sia tae Nazitɔwo kple Kɔmiunisttɔwo ƒe akpasesẽdziɖuɖuwo tsɔ nya ɖe wo ŋu.\" Esi Soviet-dziɖuɖu gɔ̃ hã tsi Yehowa Ðasefowo yome la, Yehowa Ðasefowo yi edzi \"kpɔtɔ nye dukɔmevi wɔsedziwo. Wowɔ dɔ vevie ɖokuitɔmadimaditɔe le hahogblewo me kple dɔwɔƒewo, eye womenye ŋɔdzi na Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖua o.\" Wowu nyatakakaa nu be, nenema ke egbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔnawo kple dzixɔsewo \"megblẽa dukɔ aɖeke ƒe dedienɔnɔ me o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/medea-nu-dunya-me-o\/","date":"2021-12-07T13:50:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964363376.49\/warc\/CC-MAIN-20211207105847-20211207135847-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961052537,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961052536964417}","num_words":635,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nye kple Sophia * míeɖe srɔ̃ wòwu ƒe 39 gake eva lé dɔ ɣeyiɣi didi aɖe eye wòku. Mía xɔlɔ̃ geɖewo de dzi ƒo nam eye mewɔ nu geɖe siwo aɖe nye susu ɖa le eƒe kua dzi. Gake mese veve hena ƒe ɖeka blibo. Sẽ kple sẽ ko megate nuxaxa. Fifia gɔ̃ hã, togbɔ be ƒe etɔ̃ kloe nye esia wòku hã la, ɣeaɖewoɣi le vo mea megaxaa nu.\"—Kostas.\nÐe wò ame vevi aɖe kua? Ne nenemae la, ke àse le ɖokuiwò me abe Kostas ene. Nu siwo nana míesea veve vevie dometɔ aɖee nye ne mía srɔ̃, míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku. Ame siwo srɔ̃a nu tso veve si ame sena ne eƒe ame vevi aɖe ku ŋu la, alɔ̃ ɖe nya ma dzi. Nyati aɖe si dze le agbalẽ si nye The American Journal of Psychiatry me gblɔ be \"ɖikeke mele eme o be ame vevi aɖe ƒe kue nye nu si vena wu nu bubu ɖe sia ɖe eye mefana na ame o.\" Ne ku dzɔ ɖe ame dzi eye wòwu tsɔtsɔ nɛ la, amea anɔ biabiam be: 'Ɣekaɣie nu sia afa nam? Ðe magate ŋu akpɔ dzidzɔa? Nu kae ana nye akɔ nafa?'\nWoɖo nya mawo ŋu le Nyɔ! sia me. Nyati si kplɔ esia ɖo aƒo nu tso nu si nàte ŋu akpɔ mɔ na ne wò ame aɖe ku eteƒe medidi o. Nyati bubu siwo akplɔe ɖo la aƒo nu tso nu siwo akpe ɖe ŋuwò be màxa nu agbɔ eme o la ŋu.\nMíeka ɖe edzi vevie be nyati siwo akplɔe ɖo la afa akɔ na ame si le nu xam eye wòakpe ɖe eŋu wòanɔ te ɖe vevesese si ku do nɛ la nu.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2018-nov-dec\/vevesese-si-ku-dona\/","date":"2021-12-03T17:24:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964362891.54\/warc\/CC-MAIN-20211203151849-20211203181849-00086.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982754588,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982754588127136}","num_words":296,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 279\nStanza 1\nNublanuikpɔkpɔ li tegbee,\nNuteƒewɔwɔ hã;\nNenye dziƒo nu ava yi\nI: Ado viviti hã :I\nStanza 2\nNaneke mevea Mawu o,\nMedaa ƒe nya o;\nEƒe nublanuikpɔkpɔ la\nI: Mavɔ kpɔ gbeɖe o.:I\nStanza 3\nŊugbe, si wodo na mi la,\nEwɔa edzi godoo.\nNe miekea ɖi le ŋuti hã,\nI: Eya wɔa nuteƒe.:I\nStanza 4\nEya ta malè dzi ɖe ƒo\nAxɔ nya sia se ko\nBe, Mawu metsɔm ƒu gbe o,\nI: Exɔm le Yesu ta.:I\nStanza 5\nYesu mee mekpɔ xɔxɔ le,\nMekpɔe to xɔse me.\nYesu, si woklã ɖa-ti ŋu.\nI: Xɔ nye luʋɔ ɖa-gbe!:I\nStanza 6\nYesu, wo nublanuikpɔkpɔ\nNanɔ kpli mí ɖaa si!\nBena eya nanɔ mia kplɔm\nI: Yi ɖase ku me ke!:I\nStanza 7\nNe ŋukeke gã ma aɖo la,\nYɔm tso yɔdo la me,\nBena wo nublanuikpɔkpɔ\nI: Naxɔm tegbetegbee!:I","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-279\/","date":"2022-01-28T10:51:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00143.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9950364232,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9950364232063293}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.139,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŊUTSU aɖe si le New York (United States, Amerika) gblɔ be: \"Vinyeŋutsu Jonathan yina ɖe exɔlɔ̃wo srã ge kpɔ le teƒe si didi tso mía gbɔ kilometa ʋee aɖewo ko. Srɔ̃nye Valentina melɔ̃ ɖe eƒe yiyia dzi nɛ o. Etsia dzi ɖe ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu ɣesiaɣi. Gake dɔwɔwɔ le elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dzɔa dzi na ɖevia, eye exɔlɔ̃awo ɖo dɔwɔƒe, afisi wòate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wo ŋuti dɔwɔwɔ ŋu le. Menɔ aƒeme le Ɣetoɖoƒe Manhattan, New York. Srɔ̃nye zɔ mɔ yi eƒe ƒometɔwo srã ge kpɔ le Puerto Rico. Mesusu be, 'Jonathan le gbɔgbɔ ge fifia.' Kasia ame aɖe ƒo aƒea ƒe agbonuga. 'Anye eya kokokoe.' Gake menye eyae o. Kpovitɔwo kple atikewɔla siwo tso afisi afɔku aɖe dzɔ le ye. Kpovitɔ ɖeka biam se be: 'Ènya amesi ƒe ʋukugbalẽvie nye siaa?' Meɖo eŋu be, 'Ẽ, vinye Jonathan tɔe.' Wogblɔ be, 'Míetsɔ du vɔ̃ aɖe vɛ na wò. Afɔku aɖe dzɔ, eye . . . viwòa, . . . viwòa tsi eme.' Nusi megblɔ ɖe tame koe nye be 'Nyemexɔe se o!' Nudzɔdzɔ tsodzikaƒoname ma de abi lãme na mí si togbɔ be exɔ ƒe geɖe fifia hã la, mefa na mí vɔ kpɔ o.\"\nVifofo aɖe si le Barcelona (Spania) ŋlɔ be: \"Míenye ƒome kpɔdzidzɔ aɖe le Spania le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me. Srɔ̃nye María kpakple David, Paquito, kple Isabel, mía vi etɔ̃awo, siwo ƒe ƒewo nye 13, 11, kple 9 nɔ anyi.\n\"Gbeɖeka le March 1963 me la, Paquito tso suku gbɔ be ta le ye ɖum sesĩe ŋutɔ. Míenya nusi tututue na ta la nɔ eɖum sesĩe nenema o—gake menɔ anyi eteƒe didi boo aɖeke o. Le gaƒoƒo etɔ̃ megbe ko la, emia nu. Ʋu ɖuɖu ɖe eƒe ahɔhɔ̃ me si na eƒe agbe nu tso kpata.\n\"Ewu ƒe 30 fifia esi Paquito ku. Gake alesi eƒe kua nye vevesese helĩhelĩ na míi la mefa na mí kpɔ o. Naneke meli si dzilawo awɔ si ne wo vi ku la, womasee le wo ɖokui me be yewo ŋutɔ yewoƒe akpa vevi aɖee bu o—aleke ke eteƒe gadidii alo vi bubu nenie le wo si o.\"\nNudzɔdzɔ eve sia siwo me vi ku na dzilawo le la fia alesi gbegbe ne ame ƒe vi ku wònyea vevesese gã si menya ŋlɔna be o. Nya siwo ɖɔkta aɖe gblɔ nye nyateƒe tututu esi wòŋlɔ be: \"Vi ƒe kuku na ame wɔa nublanui eye wòtena ɖe ame dzi wu ame tsitsi tɔ elabena ɖevie nye ame susɔea si ŋu woabu ku ɖo le ƒomea me. . . . Ne ɖevi ku la, nu nyui siwo wole mɔ kpɔm na tso egbɔ le etsɔ me, ƒomedodo [viŋutsu, lɔ̃xoyɔvi, tɔgbui kple mama yɔviwo] kple nuteƒekpɔkpɔ . . . siwo mesu ame si haɖe o la bɔa ame.\" Eye ne nyɔnu aɖe ƒe fu gblẽ la, eya hã sena le eɖokui me be nu vevi aɖe bu na ye nenema ke.\nNyɔnu aɖe si srɔ̃ ku ɖe nu me be: \"Srɔ̃nye, Russell, nye asrafoɖɔkta ƒe kpeɖeŋutɔ le aʋagbedzi le Pacific nutome le Xexemeʋa II me. Ekpɔ aʋawɔwɔ dziŋɔwo teƒe eye wòtsi agbe le wo me. Egbɔ va United States eye wònɔ agbe si me tomefafa le wu. Emegbe eva zu Mawu ƒe Nya la fiala. Esi wòxɔ wu ƒe 60 vie la, eva nɔ dzesi siwo fia be exɔ dzidɔ la kpɔm. Edze agbagba be yeado vevie nu le yeƒe agbenɔnɔ me. Ke gbeɖeka le July 1988 me la, eƒe dzidɔa nyrã nɛ sesĩe eye wòku. Eƒe kua nye vevesese si wu gbɔgblɔ nam. Nyemete ŋu do hedenyuie nɛ teti hã o. Menye srɔ̃ koe wònye nam o. Eyae nye xɔ̃nye vevitɔ. Míenɔ agbe ɖekae ƒe 40 sɔŋ. Fifia ewɔ abe ɖe mele akogo tsi ge vevie ene.\"\nEsiawo nye nublanuinya akpe nane siwo dzɔna ɖe ƒomewo dzi le xexeame godoo gbesiagbe la dometɔ ʋee aɖewo ko. Abe alesi ame akpa gãtɔ siwo le nu xam agblɔe na wò ene la, ne viwò, srɔ̃wòŋutsu, srɔ̃wònyɔnu, dziwòla, alo xɔ̃wò ku la, enɔna abe alesi Kristotɔ agbalẽŋlɔla Paulo yɔe ene be enye \"futɔ mamletɔ.\" Zi geɖe la, alesi wowɔa nui ne wose nya dziŋɔ siae nye be woagbe be medzɔ o eye woagblɔ be, \"Menye nyateƒee o! Nyemexɔe se o.\" Wogaɖea nɔnɔme bubuwo hã fiana, abe alesi míava kpɔe ene.—Korintotɔwo I, 15:25, 26.\nGake hafi míadzro nuxaxa ƒe seselelãmewo me la, mina míaɖo nya vevi aɖewo ŋu gbɔ. Ne ame ku la, ɖe wòfia be nusianu vɔ nɛa? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be míagate ŋu ava kpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo akea?\nMɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le la Li\nBiblia-ŋlɔla Paulo gblɔ be mɔkpɔkpɔ li be woavo tso \"futɔ mamletɔ\" ma si nye ku si me. Eŋlɔ be: \"Futɔ mamletɔ si woaɖe ɖa kura la enye ku.\" (Korintotɔwo I, 15:26, The New English Bible) Nukatae Paulo te ŋu ka ɖe edzi alea? Elabena Yesu Kristo, amesi wofɔ tso ame kukuwo dome ye fia nui. (Dɔwɔwɔwo 9:3-19) Eyata hãe Paulo te ŋu ŋlɔe be: \"Elabena esi wònye ame [Adam] mee ku la to va ŋuti la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame [Yesu Kristo] ke me va. Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.\"—Korintotɔwo I, 15:21, 22.\nYesu xa nu ŋutɔ esi wòdo go Nain-hosi la kple viaŋutsu si ku. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: \"Esi [Yesu] gogo [Nain] du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kuku aɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti. Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! Eye esi wòte va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gã aɖe tsi tre le mía dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.\" Kpɔ alesi wòwɔ nublanui na Yesu, ale be wòfɔ ahosia ƒe vi ɖe tsitree ɖa! Kpɔ nusi esia fia na etsɔ si gbɔna la ɖa le susu me!—Luka 7:12-16.\nYesu wɔ nusi womaŋlɔ be akpɔ o esi wòfɔ ame kuku ɖe tsitre le eteƒekpɔlawo ƒe ŋkume le afima. Esia nye tsitretsitsi si ŋu nya wògblɔ ɖi do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia, si nye alesi woagbɔ agbe amewo le \"dziƒo yeye\" la ƒe dziɖuɖu te, la ƒe kpeɖodzi. Yesu gblɔ ɣemaɣi be: \"Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go.\"—Nyaɖeɖefia 21:1, 3, 4; Yohanes 5:28, 29; Petro II, 3:13.\nAme bubu siwo hã kpɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi teƒe kpɔe nye Petro, kple ame 12 la dometɔ bubu aɖe siwo nɔ Yesu ŋu le eƒe mɔzɔzɔwo me. Wosee ŋutɔŋutɔ esime Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒo nu na wo le Galilea-ƒuta. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: \"Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Ke nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke medo dzi biae bena: Ameka nènye mahã o, elabena wonyae xoxo bena, Aƒetɔ lae. Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke. Esiae enye zi etɔ̃lia, si Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.\"—Yohanes 21:12-14.\nEyata Petro te ŋu tsɔ kakaɖedzi blibo ŋlɔe be: \"Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me.\"—Petro I, 1:3.\nApostolo Paulo ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le le ye si esi wògblɔ be: \"Mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se, eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.\"—Dɔwɔwɔwo 24:14, 15.\nEyata ame miliɔn geɖe ate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔe be yewoagakpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la woagava nɔ agbe le anyigba dzi ake gake le nɔnɔme siwo to vovo sãa me. Nɔnɔme kawoe anɔ anyi ɣemaɣi? Míadzro mɔkpɔkpɔ si tso Biblia me si li na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la me le agbalẽ sia ƒe akpa mamlea si ƒe tanyae nye \"Ame Kukuwo ƒe Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le\" me.\nGake gbã la, na míadzro nyabiabia siwo ava susu me na wò ne èle nu xam le wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta la me: Ðe wòsɔ be maxa nu alea? Aleke mawɔ anyi nanya nɔ nam le nye nuxaxa la me? Nukae ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe ŋunye be mado dzi le eme? Aleke mawɔ akpe ɖe ame bubu siwo le nu xam la ŋu? Eye vevietɔ, Nukae Biblia gblɔ le mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le na ame kukuwo la ŋu? Ðe magakpɔ nye lɔlɔ̃tɔ siwo ku la akea? Eye afikae makpɔ wo le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/ne-w%C3%B2-l%C9%94l%C9%94%CC%83t%C9%94-a%C9%96e-ku\/nyemex%C9%94e-se-o\/","date":"2022-01-19T09:41:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320301264.36\/warc\/CC-MAIN-20220119064554-20220119094554-00326.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990074039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990074038505554}","num_words":1460,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 205\nStanza 1\nLe Yesu Kristo, mía ɖela,\nMía 'vulèla ƒe ŋkɔ la me,\nMí xɔsetɔwo míekpe ta,\nBe míaxɔ mi ɖe ha la me.\nStanza 2\nMieɖo nubabla me kpli mí,\nMinɔ eme nyateƒetɔe!\nDzidzɔ kple fukpekpe me siaa\nMinɔ mia xɔla yome ɖaa!\nStanza 3\nEtsɔa eɖokui kea mí faa\nLe nuɖuɖu kɔkɔe la me,\nNe wòanye eƒe lɔlɔ̃ gã\nƑe kpeɖodzinu mavɔ la!\nStanza 4\nMiva, míaxɔ mi kple dzidzɔ!\nAƒetɔ, si nya dzi me la,\nNana miazɔ kekeli me,\nNe wòazu kafukafu nɛ!\nStanza 5\nMía Mawu ŋ'tɔ nakɔ mia ŋu,\nNe mianye hameviwo nɛ;\nMiasubɔe ɖaa nyateƒetɔe\nYi ɖa se ŋkeke mlɔɛ la dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-205\/","date":"2022-01-28T12:49:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00492.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968201518,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968201518058777}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Ðe míegade asi mía ɖokuiwo kafukafu me akea? Alo ɖe wòhiã be míatsɔ kafukafugbalẽwo avɛ na mi, alo axɔ wo tso mia gbɔ, abe ale si ame aɖewo wɔnɛ enea? 2 Miawoe nye míaƒe agbalẽ+ si woŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye wole exlẽm. 3 Elabena mieɖee fia be miawoe nye Kristo ƒe agbalẽ si mí subɔlawo míeŋlɔ,+ menye kple agbalẽŋlɔtsi o, ke boŋ kple Mawu gbagbe la ƒe gbɔgbɔ, menye ɖe kpe ŋutɔŋutɔwo dzi o,+ ke boŋ ɖe esiwo nye ŋutilã dzi, ɖe dziwo dzi.+ 4 Kakaɖedzi sia le mía si le Mawu me to Kristo dzi. 5 Menye be míawo ŋutɔwo míedze nyuie asusu be míawo gbɔe nane tso o, ke boŋ míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ,+ 6 ame si na míedze nyuie be míanye nubabla yeye+ aɖe ƒe subɔlawo, menye se siwo woŋlɔ ɖi la tɔwo o,+ ke boŋ gbɔgbɔ la tɔwo; elabena se siwo woŋlɔ ɖi la tsoa kufia na ame,+ ke gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.+ 7 Azɔ ne Se si hea kufiatsotso vanɛ, si wotsɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ ɖe kpewo dzi+ la, va le ŋutikɔkɔe ma gbegbe me be Israel-viwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o le ŋutikɔkɔe si dze le eƒe mo+ ta, evɔ wònye ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖa la, 8 ekema ɖe gbɔgbɔ la ƒe subɔsubɔdɔ+ manɔ ŋutikɔkɔe geɖe wu me oa?+ 9 Elabena ne ŋutikɔkɔe+ nɔ Se si hea fɔbubu vanɛ+ ŋu la, ekema ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye esi anɔ subɔsubɔdɔ si hea dzɔdzɔenyenye vanɛ+ la ŋu! 10 Le nyateƒe me la, woɖe ŋutikɔkɔe ɖa le nu si wodo ŋutikɔkɔe na tsã la gɔ̃ hã ŋu, le ŋutikɔkɔe si ƒo eta sãa la ta.+ 11 Elabena ne nu si woava ɖe ɖa la va le ŋutikɔkɔe me+ la, ekema aleke gbegbe nu si anɔ anyi ya ƒe ŋutikɔkɔe alolo wue nye esi!+ 12 Esi mɔkpɔkpɔ+ sia le mía si ta la, míevo aƒo nu faa, 13 eye míawo ya míewɔa nu si Mose wɔ esi wòtsɔa motsyɔnu tsyɔa mo+ be Israel-viwo nagakpɔ nu si woava ɖe ɖa la ƒe nuwuwu o. 14 Ke woƒe susu wɔ dɔ̃ɔ.+ Elabena va se ɖe egbegbe la, ne wole nubabla xoxoa xlẽm+ la, motsyɔnu ma gali kokoko, elabena Kristo dzi ko wotona ɖenɛ ɖa.+ 15 Le nyateƒe me la, va se ɖe egbegbe la, ɣesiaɣi si woxlẽ Mose ƒe nuŋlɔɖiwo+ la, motsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.+ 16 Ke ne wotrɔ ɖe Yehowa* ŋu la, ekema woɖea motsyɔnu la ɖa.+ 17 Azɔ la, Yehowa* nye Gbɔgbɔ;+ eye afi si Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.+ 18 Eye esi mí katã míetsɔa mo siwo wometsyɔ nui o ɖea Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene ta la, wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ŋutikɔkɔe si de ŋgɔ wu me, abe ale si tututu Yehowa,* Gbɔgbɔ la,* wɔe ene.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Yehowa ƒe gbɔgbɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-Korintot%C9%94wo\/3\/","date":"2022-01-18T04:24:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320300722.91\/warc\/CC-MAIN-20220118032342-20220118062342-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986205101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986205101013184}","num_words":465,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 311\nStanza 1\nYesu xɔla nyui,\nDzi kple anyigba fia,\nMawu kple Maria vi!\nWò koe melɔ̃na,\nWò koe mebuna,\nWòe nye nye dzi ƒe dzidzɔ la!\nStanza 2\nDzogbenya, enyo,\nSeƒoƒowo katã\nNya kpɔna le ada me.\nYesu ƒe nyonyo\nKple ŋutikɔkɔe\nƑoa wo katakatã ta sã!\nStanza 3\nƔleti klẽna nyuie,\nGake ɣe klẽna wui\nKple ɣletiviwo katã.\nKe Yesu klẽna\nWua ɣe kple ɣleti\nKple mawudɔlawo katã.\nStanza 4\nDzi kple anyigba\nƑe nu nyuiwo katã\nKafua míaƒe ɖela la!\nNaneke maxɔ\nNye lɔlɔ̃ la o,\nNegbe wò Yesu ɖeka ko!\nStanza 5\nNe mava ku la,\nMegana matsrẽ o;\nNa manye tɔwò tegbee!\nNe nye luʋɔ dzo,\nMatsɔe ana wò:\nOo Yesu, xɔm ɖikaɖika!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-311\/","date":"2022-01-28T10:44:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995229244,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995229244232178}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Estelle * kple viawo mefena kple sɔlemedede kura o. Se nya si wògblɔ ɖa: \"Mebia nye pastɔ be wòakpe ɖe ŋunye masrɔ̃ Biblia.\" Gake pastɔa mewɔ ɖoɖo aɖeke be yeasrɔ̃ Biblia kplii o. Mlɔeba la, Estelle dzudzɔ sɔlemea dede. Egblɔ be: \"Míaƒe sɔlememegãwo ŋlɔ lɛta nam hena menya be ne nyemagate ŋu ava sɔlemea o hã la, maɖo nye nudzɔdzɔwo ya ɖa. Mekpɔe be menye nye sɔleme dede alo emademade ye le vevie na wo o; nye ga ko dim wole.\"\nAngelina, si doa vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ la, gblɔ be: \"Ɣesiaɣi si míeyi sɔleme la, wotsɔa nudzɔgbawo tsana zi etɔ̃, eye wodina tso mía si be míadzɔ nu de eme zi etɔ̃awo katã. Míaƒe ga ŋu koe wotsi dzi ɖo. Esia na megblɔ na ɖokuinye be, 'Menye Mawu ƒe gbɔgbɔe le ame siawo dzi o.'\"\nÐe subɔsubɔha siwo le miaƒe nutoa me la toa ayemɔ vovovowo dzi zia amewo dzi be woadzɔ ga na yewoa? Ðe nèkpɔe be esia sɔ kple Biblia ƒe mɔfiamewoa?\nNU KAE BIBLIA FIA TSO NYA SIA ŊU?\nYesu, si ɖo Kristotɔnyenye anyi la gblɔ be: \"Faa miexɔe, faa minae.\" (Mateo 10:8) Nunanae Biblia nye tso Mawu gbɔ, eya ta mele be ame aɖeke naxe fe ɖe Mawu ƒe Nyaa sese ta o.\nKe afi kae Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ ga le tsɔ kpɔ hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔe?\nAme sia ame dzɔ nu \"abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.\" (2 Korintotɔwo 9:7) Apostolo Paulo gblɔ be: \"Esime míenɔ Mawu ƒe nya la gblɔm na mi la, zã kple keli ye míenɔ dɔ wɔm, bene míagazu agba gã aɖeke na mia dometɔ aɖeke o.\" (1 Tesalonikatɔwo 2:9) Edze ƒãa be avɔgbadɔ ye Paulo wɔ tsɔ kpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me.—Dɔwɔwɔwo 18:2, 3.\nALEKE YEHOWA ÐASEFOWO WƆA NU LE GO SIA ME?\nZi geɖe la, Yehowa Ðasefowo kpena le xɔ siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpatawo me, si womeɖoa atsyɔ na kpeɖii o. Afi kae wokpɔa ga le tsɔ kpɔa hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ? Wometsɔa nudzɔgbawo tsana o, eye womemaa agbalẽkotokuwo hã na amewo be woadzɔ ga de eme o. Ne kpekpea vala aɖe di be yeaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia la, nudzɔɖakawo le Fiaɖuƒe Akpataa me eye ate ŋu adzɔ nu ade eme le ame bubuwo ƒe manyamanya me.\nMɔ ka dzie wòle be subɔsubɔhawo nato akpɔ ga na woƒe nuhiahiãwo?\nMagazine sia tata kple eɖoɖoɖa bia ga geɖe zazã. Gake womedoa asi ɖe eŋu o, eye womebiana be amewo nadzɔ nu ɖe eta godogodo o. Taɖodzinua ye nye be woatsɔe aɖe gbeƒã Biblia me nyateƒea.\nAleke nèkpɔe, ɖe esia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nyawo kple ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔea?\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130701\/sub%C9%94sub%C9%94hawo-ganyawo\/","date":"2022-01-19T16:46:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320301475.82\/warc\/CC-MAIN-20220119155216-20220119185216-00064.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985720515,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998572051525116}","num_words":457,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔvedawo—Wokɔ, Woƒe Afɔ Didi, eye Wonya Kpɔ\nETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ\nZÃMU ƒo agakpeawo wofu kpii eye vuvɔ nɔ wɔwɔm le fɔfɔme. Míebe ɖe agakpe gã siawo dome eye míewɔ tii dzodzoe ɖe kplu me lé ɖe asi heke ŋku ɖe Afrika ƒe gbedadaƒo ɖaa. * Míaƒe dzigbɔɖia ɖe vi. Esi ɣea te dzedze vie la, míekpɔ sɔvedawo ƒe ha aɖe—wokɔ, woƒe afɔ didi, eye wonya kpɔ—wonɔ zɔzɔm blewu le gbeadzi. Wonɔ zɔ ɖem blewu ɖe woƒe afɔ tsralawo dzi, eye woƒe kɔ legbe si bi ɖe yame la nɔ nyenyem abe alesi tɔdziʋu ƒe abalati nyena le yaƒoƒo nu ene. Míelé mía ɖokui maʋãmaʋãe. Enya kpɔ ale gbegbe!\nEsi míaƒe afima nɔnɔ meɖe fu na wo o ta la, wo katã wotrɔ ɖekae ɖe xeti dama siwo nɔ afima ŋu eye wokɔ ve ɖe yame ɖe atilɔ siwo ŋu ŋuwo le la ŋu. Lã dzɔtsu fatu siawo zã ŋuɖɔɖo blibo tsɔ woƒe aɖe legbeawo ɖu aŋgba dama suesueawo. Ne wotsi tre la, wokɔkɔna bobobo eye wohea ve ɖe yame yia ʋlẽwo ƒe atɔwo me heɖua nu faa dzitsitsi manɔmee. Xeviawo xlɔ̃na ɖe amedzidzela ve legbe siawo ta. Ne xɔxlɔ̃a na lãhaawo ɖi vo la, wotrɔna kpoo bubutɔe yina ɖe ati bubuwo gbɔ.\nWoƒe Afɔnu Tsɔ eye Wonya Kpɔ\nAsesẽ na amesi kpɔ nuwɔwɔ siawo le lãwo kpɔƒe wohe ve wòdo ɖe gota be wòakpɔ alesi wonya kpɔna hedze anii ne wole du ƒum le wo ɖokui si le Afrika gbewo me la le susume. Sɔveda ƒe zɔzɔme nya kpɔna eye wòle ɖoɖo nu. Ne wole du dzi le gbedadaƒo gbadzaƒewo la, woƒe dzedzeme, kple alesi wòdze abe ɖe ŋusẽ mele wo ŋu o ene na wòdzena abe ɖe woakli nu suetɔ kekeake amli to me ene. Gake to vovo na ema la, ŋusẽ le sɔveda tsu lolo si ƒe kpekpeme ade kilogram 1,300 la ƒe afɔwo ŋu eye eƒe afɔnu tsɔna, ale be ate ŋu aƒu du wòade kilometa 60 le gaƒoƒo ɖeka me.\nAfrika koe nuwɔwɔ dzeani sia le. Alesi wòfa tu eye mewɔa adã o la na ekpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame. Woate ŋu aɖɔ sɔveda ƒe mo be ele etɔxɛ eye wònya kpɔ gɔ̃ hã, le eƒe to tsralɛ siwo didi kple dzo sue eve kpakple fu yibɔ kedzekedze siwo to ɖe eƒe mo ta. Eƒe ŋkuwo lolo ŋutɔ hele yibɔɔ, eye eƒe aɖaba legbeawo tsyɔ wo dzi. Ne sɔveda kɔkɔ la le adzɔge kpɔm ɖaa la, eƒe mo ɖia nukpɔla si meɖo susu vɔ̃ aɖeke o.\nLe blema la, wodea bubu kple asixɔxɔ sɔveda ŋu le eƒe dzedzeme dzeania kple alesi ŋu kpenɛ, wòwɔa nu kpoo eye mewɔa adã o la ta. Wotsɔa sɔveda viwo naa dziɖulawo kple fiawo be wòanye ŋutifafa kple nyuidiname dzesi le dukɔwo dome. Egbea wogakpɔa sɔvedawo ƒe nɔnɔme siwo wota ɖe blema Afrika agakpewo dzi.\nEkɔkɔ\nSɔvedae nye lã kɔkɔtɔ kekeake. Ne wodzidzee tso eƒe afɔkli nu va ɖo eƒe dzowo dzi la, atsu tsitsiawo te ŋu kɔkɔna dea meta 5.5. Le blema Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ si me wozãa nɔnɔmetatawo le me la, wozãa sɔveda tsɔ tsia tre ɖi na dɔwɔnya si nye \"be woagblɔ nya do ŋgɔ\" alo \"agblɔe ɖi,\" si ɖe eƒe kɔkɔme kple eƒe ŋutete be wòakpɔ nu le adzɔge ɖaa fia.\nNe sɔveda tsi tre ɖe Afrika gbegbelã bubuwo abe gbetedziwo, golowo, afiãwo, kple bubuawo ene dome la, ezua gbetakpɔla na wo. Eƒe kɔkɔme kple nukpɔkpɔ nyui la wɔnɛ be wòkpɔa nu le adzɔge ʋĩ hekpɔa afɔku ɖesiaɖe si gbɔna la kaba. Eyata ɖikeke mele eme o be alesi wòkɔkɔ bobobo la nyea ametakpɔkpɔ aɖe ƒomevi na lã bubuwo.\nWowɔe Wòwɔ Nuku\nWowɔ sɔveda ale gbegbe be wòate ŋu aɖu nu le ati kɔkɔ, siwo kɔ wu lã bubu ɖesiaɖe negbe atiglinyi ɖeka ko la dzi. Eƒe nuyi dzitɔ si wowɔ wòle etɔxɛ eye wòte ŋu ŋlɔnɛ tsɔ léa nui kple eƒe aɖe si bɔbɔ la kpena ɖe eŋu be wòte ŋu gbea aŋgbawo le atilɔ siwo ŋuti ŋu ɖaɖɛwo le ŋu.\nSɔvedawo te ŋu ɖua gbe si ade kilogram 34 gbeɖeka. Togbɔ be wote ŋu ɖua gbe ƒomevi vovovowo hã la, wolɔ̃a xeti siwo ŋuti ŋuwo le siwo bɔ ɖe Afrika dzogbewo la ƒe aŋgbawo ɖuɖu wu. Sɔveda tsu ate ŋu ahe eƒe aɖe ɖe go wòade sentimeta 42 ne ele nuɖuɖu dim. Sɔveda ƒe kɔ bɔbɔ ale gbegbe. Esia wɔnɛ be wòte ŋu trɔna eƒe ta hetronɛ nukutɔe le atilɔwo me le yame.\nNuwo gbɔ ɖoɖo le yame le bɔbɔe na sɔveda, gake tsi nono ya mele bɔbɔe nɛ o. Ne sɔveda ɖo tsivudo gbɔ la, ele be wòawɔ blewu akeke eƒe ŋgɔgbefɔwo me, ahabɔbɔ atu klo eveawo anyi hafi ate ŋu aɖo tsia gbɔ. Le nɔnɔme madeamedzi sia me la, sɔveda la hea eƒe kɔ keŋkeŋ hafi wòɖoa tsia gbɔ. Dzidzɔtɔe la, mehiã be sɔveda nano tsi edziedzi o, le esi wòkpɔa tsi geɖe le aŋgba mumu siwo wòɖuna me ta.\nAmadede ɣiwo ɖe fli ɖe sɔveda ƒe kɔme kple axadamewo wònya kpɔ abe aŋgbawoe wotsɔ wɔe ene. Amadedeawo le vovovo, ɖewo le hẽ, bubuwo le abe aŋgba ƒuƒu ene kple yibɔ gɔ̃ hã. Ne sɔveda le tsitsim la, eƒe amadede nɔa nyɔnyɔm.\nƑomegbenɔnɔ\nSɔvedawo lɔ̃a hadede, eye wo ame 2 va ɖo 50 nɔa hame zɔna. Fu nɔa nɔea ƒo wòdea ŋkeke 420 vaseɖe 468 hafi wòdzia vi si ƒe kɔkɔme nɔa meta 2. Ne wodzi sɔveda vi la, egena tso yame wu meta eve va dzea anyigba, eye eƒe tagbɔe dona gbã! Gake nuvevi mewɔnɛ o eye le aɖabaƒoƒo 15 me la, efɔna ɖe eƒe afɔ dzi henoa no. Le kwasiɖa eve alo etɔ̃ megbe la, via tea xeti ƒe alɔdzewo ƒe ɖɔmewo ɖuɖu le eɖokui si eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋusẽ ɖoa eŋu be wòate ŋu akplɔ dadaa ɖo ne ele azɔli si tsɔna dzi.\nSɔveda vi nye edzilawo ƒe kpɔɖeŋu tututu. Togbɔ be ele kpuie le sɔvedawo dome hã la, ekɔkɔ wu ame akpa gãtɔ. Ne etsi tre hele ŋku tsam vɔvɔ̃manɔmee eye dadaa si kɔ boo la ƒe ŋku le eŋu la, ewɔa nu wònya kpɔna ŋutɔ.\nLe woƒe ɖevime la, woƒoa sɔveda viwo nu ƒu ɖe hatsotsowo me, afisi wonɔna le ŋkekea me nɔa ɖiɖim ɖe me, nɔa fefem, eye wonɔa ŋku lém ɖe nusiwo le edzi yim la ŋu. Sɔveda vi tsina kabakaba nukutɔe. Le dzinu ade me la, via te ŋu kɔkɔna dea meta ɖeka, eye ate ŋu akɔkɔ ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe ɖeka me. Le kwasiɖa ɖeka ko me la, sɔveda via ate ŋu akɔkɔ sentimeta 23! Sɔveda nɔ kpɔa viawo ta ale gbegbe, eye togbɔ be eɖea mɔ via ɖia tsa yia adzɔge vie hã la, alesi wòte ŋu kpɔa nu nyuie la wɔnɛ be eƒe ŋku te ŋu nɔa via ŋu.\nLe sɔveda ƒe lolome, alesi wòte ŋu trɔna ɖe nɔnɔme vovovo nu, eƒe ablaɖeɖe kple nukpɔkpɔ deŋgɔ ta la, dzata kple gbemelã ɖekaɖeka aɖewo koe nye futɔ nɛ. Ke hã amegbetɔe daa ade wua lã dzeani siawo le agbɔsɔsɔ gã me. Le esi wotia lã fatu sia yome ɣesiaɣi le eƒe lãgbalẽ dzeania, eƒe lã si vivina, kple eƒe asike fu yibɔ siwo didi—esi amewo buna be gbɔgbɔmeŋusẽ le eŋu—ta la, eƒe etsɔme ɖo afɔku me. Togbɔ be sɔveda bɔ ɖe Afrika ƒe akpa geɖe va yi hã la, fifia lãwokpɔƒe kple ave siwo ŋu wode se ɖo siwo me wokpɔa wo ta le me koe wonɔa dedie le.\nEgbea amesiwo zɔ mɔ yi Afrika ƒe ave siwo nye lãwokpɔƒe agate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wokpɔ sɔveda kɔ legbewo wole du ƒum faa le gbedadawo ƒo. Le afima la, woate ŋu akpɔ wo woanɔ xeti siwo ŋuti ŋu le ƒe aŋgbawo ɖum le yame alo woanɔ nu kpɔm le adzɔge ɖaa abe alesi sɔvedawo wɔnɛ ene. Nuwɔwɔ wɔnuku sia si ƒe dzedzeme nya kpɔ eye wòfatu la nye atsyɔ̃ɖoɖo si deŋgɔ—eye wònye alesi Yehowa Mawu nye wɔla wɔnuku kple eƒe amenyenye si ƒomevi aɖeke megali o la ƒe kpeɖodzi bubu.—Psalmo 104:24.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Woyɔa togbɛ glidzaglidza siwo kaka ɖe Afrika ƒe gbedadaƒowo be kopjes.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 18]\nKƆ LEGBE SI NYE NUKUNU\nEle be alesi sɔveda ƒe dzedzeme le kple eƒe lolome dziŋɔ la nahe kuxiwo vɛ—alo ame aɖe abui nenema. Le sɔveda ƒe kɔkɔme kple eƒe kɔ legbea ta la, edze abe asesẽ be ʋu nasi ayi ŋutilãa ƒe akpa ɖesiaɖe ene. Le kpɔɖeŋu me, ne sɔveda bi eƒe ta va anyi la, ele be nuheŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ nawɔe be ʋu nasi ayi eƒe tagbɔ age ɖe susua me. Eye ne sɔveda kɔ eƒe ta dzi la, ele be ʋua nasi agbugbɔ yi dzia gbɔ, si awɔe be lãa ƒe mo natsyɔ zi. Gake medzɔna nenema o. Nukatae?\nSɔveda ƒe ʋu ƒe dɔwɔwɔ nye aɖaŋuwɔwɔ si wɔ nuku vavã, si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ be wòakpɔ lãa ƒe nɔnɔme si le etɔxɛ kple eƒe lolome ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Dzia ŋutɔ lolo etɔxɛe eye ele be wòawɔ dɔ sesĩe be ʋu nate ŋu aɖo susua si le yame afisi ade meta 3.5 la gbɔ. Dzia tsona dea zi 170 le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye ŋusẽ si nu sẽ wu amegbetɔ tɔ zi gbɔ zi etɔ̃ la dona le ayi si le dzia ŋu si ƒe titrime anɔ sentimeta 7 la me. Be woawɔ ŋusẽ ma ŋudɔ dedie la, ehiã be ʋuka si me ʋu tona yia susua gbɔ, kple esi me ʋu tona gbugbɔna yia dzia gbɔ la nalolo. Le nyateƒe me, ʋuka siawo lolo wu sentimeta 2.5, eye ʋuka suesue siwo sẽ doa ŋusẽ wo, si wɔe be wobɔbɔ eye ŋusẽ le wo ŋu.\nNe sɔveda bɔbɔ ta la, ʋumenu siwo le ʋuka si me ʋu tona gbugbɔ yia dzia gbɔ xea mɔ na ʋua be wòagasi ayi susua gbɔ o. Le susua gɔme la, ʋuka gã la va ge ɖe ŋutinu bubu si wowɔ nukutɔe si woyɔna be dɔwɔƒe tɔxɛ la me. Le afisia la, ŋusẽ si ʋua tsɔ sina yia susua gbɔ le sɔveda ƒe kɔ si wòbɔbɔ ta la dzi ɖena kpɔtɔna ne wòva ge ɖe ʋuka suesue siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ʋua ƒe dɔwɔwɔ dzi eye wòkpɔa susua ta be ʋu nagasi kple ŋusẽ aɖo egbɔ o la me. Ʋuka suesueawo kekena ne sɔvedaa bɔbɔ ta eye wòga míana ne efɔ ta dzi, ale be etsia nusi ʋu ƒe dɔwɔwɔ si ɖiɖi ŋutɔ ate ŋu agblẽ eye wòate ŋu ana eƒe mo natsyɔ zi hafi la nu.\nSɔveda ƒe kɔ hã nye nuwɔwɔ si wɔ nuku. Ewɔ nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo esi wokpɔe be ƒu xexlẽme si le afi kple lã akpa gãtɔ ƒe kɔ me kee le sɔveda ƒe kɔ legbe wɔnuku la hã me! Gake to vovo na lã bubuwo la, sɔveda ƒe ƒuwo tso kpuikpui hede nu wo nɔewo me etɔxɛ si wɔe be wòte ŋu tronɛ faa. Eyata sɔveda te ŋu bɔbɔa kɔ hetronɛ wòdea eƒe ŋutilã ƒe akpa ɖesiaɖe alo henɛ ɖe yame ɖaa ɖua nu le atiwo ƒe alɔwo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001008\/S%C9%94vedawo-Wok%C9%94-Wo%C6%92e-Af%C9%94-Didi-eye-Wonya-Kp%C9%94\/","date":"2022-05-28T04:58:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663012542.85\/warc\/CC-MAIN-20220528031224-20220528061224-00676.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984456897,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984456896781921}","num_words":1793,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David ƒe ha. א [Alef] 37 Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ta o,Eye mègaʋã ŋu nu tovo wɔlawo o.+ 2 Elabena woayrɔ kaba abe gbe ene+Eye woayrɔ abe aŋgba fẽ ene. ב [Bet] 3 Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui;+Nɔ anyigba la dzi, eye nàwɔ nuteƒe.+ 4 Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò vevie,Ekema ana nu siwo wò dzi di la wò. ג [Gimel] 5 Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me;*+Ðo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.+ 6 Ana wò dzɔdzɔenyenye naklẽ abe ŋdikekeli ene,Kple wò nya dzɔdzɔe abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene. ד [Dalet] 7 Zi kpi le Yehowa ŋkume kpoo,+Eye nànɔ esinu kpɔm.* Dzi megaku wò ɖe ame siƑe mɔ vɔ̃wo dzea edzi nɛ la ŋu o.+ ה [He] 8 Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo;+Dzi megaku wò ne nàtrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu o.* 9 Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo,+Ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa lae anyi anyigba la dome.+ ו [Waw] 10 Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o;+Àdi wo le wo nɔƒe,Ke womaganɔ afi ma o.+ 11 Ke ame fafawo anyi anyigba la dome,+Eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.+ ז [Zayin] 12 Ame vɔ̃ɖi le nugbe ɖom ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu;+Eye wòle aɖukli ɖum ɖe eŋu. 13 Ke Yehowa akoe,Elabena enyae be eƒe ŋkeke li gbɔna.+ ח [Het] 14 Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi ɖe go, eye wovu woƒe da me*Be yewoaƒu wɔnamanɔŋutɔ kple ame dahe anyi,Ne woawu ame siwo ƒe mɔ dzɔ la. 15 Gake woawo ŋutɔwo ƒe yi aƒo ɖe woƒe dzi;+Eye woƒe datiwo aŋe. ט [Tet] 16 Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔe si la nyo wuNu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖi geɖewo si.+ 17 Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ aŋe,Ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ya ɖe te. י [Yod] 18 Nu siwo me tom ame maɖifɔwo le la* le nyanya na Yehowa,Eye woƒe domenyinu anɔ anyi ɖaa tegbee.+ 19 Ŋu makpe wo le vɔ̃dzɔgbewo o;Eye nu abɔ ɖe wo si taŋ le dɔŋɔli. כ [Kaf] 20 Ke ame vɔ̃ɖiwo ya atsrɔ̃;+Yehowa ƒe futɔwo nu ayi abe gbeɖuƒe damawo ene,Woabu vĩ abe dzudzɔ ene. ל [Lamed] 21 Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o,Ke ame dzɔdzɔe nyoa dɔme* henaa nu ame.+ 22 Ame siwo Mawu yra la, anyi anyigba la dome,Ke ame siwo wòƒo ƒi de la, woatsrɔ̃ wo.+ מ [Mem] 23 Yehowa fiaa mɔ ame ƒe afɔɖeɖewo*+Nenye be amea ƒe mɔwo dze eŋu.+ 24 Ne edze anyi hã la, maɖo baba ɖi o,+Elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.*+ נ [Nun] 25 Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi,Ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo,+Alo be viawo ɖo abologbe* kpɔ o.+ 26 Edoa nu gbana na amewo faa ɣesiaɣi,+Ale yayra le mɔ dzi na viawo. ס [Samek] 27 Te ɖa tso nu vɔ̃ɖi gbɔ eye nàwɔ nu nyui,+Ekema ànɔ anyi tegbee. 28 Elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe,Eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.+ ע [Ayin] Akpɔ wo ta tegbee;+Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.+ 29 Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome,+Eye woanɔ edzi tegbee.+ פ [Pe] 30 Nunya dona tso ame dzɔdzɔe nu,*Eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe.+ 31 Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me;+Eƒe afɔ magli o.+ צ [Tsade] 32 Ame vɔ̃ɖi le ame dzɔdzɔe la ɖiam,Eye wòle didim be yeawui. 33 Ke Yehowa maɖe asi le eŋu nɛ o+Eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, maɖi fɔ o.+ ק [Kof] 34 Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nànɔ eƒe mɔ dzi,Ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome. Ne wole ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m la,+ àkpɔ eteƒe.+ ר [Res] 35 Mekpɔ ame vɔ̃ɖi ŋutasẽla,Evu eɖokui dranyi abe ati dama si dzɔ kple ke ene.+ 36 Kaka makpɔ ko enu yi, eye megali o;+Medii gadii, ke nyemekpɔe o.+ ש [Shin] 37 Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ* la ŋu,Eye nàkpɔ ame dzɔdzɔe+ la ɖa,Elabena eƒe etsɔme anye ŋutifafa sɔŋ.+ 38 Ke woatsrɔ̃ sedzidalawo katã;Eye etsɔme aɖeke manɔ anyi na ame vɔ̃ɖiwo o.+ ת [Taw] 39 Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ;+Eyae nye woƒe mɔ́ sesẽ le xaxaɣi.+ 40 Yehowa akpe ɖe wo ŋu, eye wòaxɔ na wo.+ Axɔ na wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye wòaɖe wo,Elabena wosii tso.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Mli wò mɔwo ɖo Yehowa dzi.\"\n^ Alo, \"Eye nàkpɔ esinu dzigbɔɖitɔe.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nàyi wɔwɔ ge.\"\n^ Alo, \"wode ka dati ŋu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ame maɖifɔwo ƒe ŋkekewo.\"\n^ Alo, \"vea ame nu.\"\n^ Alo, \"nana ame ƒe afɔɖeɖewo lia ke.\"\n^ Alo, \"Yehowa tsɔa eƒe asi lénɛ ɖe te.\"\n^ Alo, \"nuɖuɖugbe.\"\n^ Alo, \"Nunya dona le ame dzɔdzɔe ƒe nu me blewu.\"\n^ Alo, \"ame si wɔa nuteƒe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/37\/","date":"2022-05-20T12:29:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662531779.10\/warc\/CC-MAIN-20220520093441-20220520123441-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984679222,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984679222106934}","num_words":732,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.285,"stopwords_ratio":0.158,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hehenana si Naa Agbe\n\"Bibliae nye mɔfianu nyuitɔ kekeake le agbenɔnɔ me.\"—Thomas Tiplady, ƒe 1924.\nMENYE vividodo ɖe nu ŋue wònye ne míegblɔ be hehenana si nɔ te ɖe Biblia dzi trɔa amewo ƒe agbe o. Ena gɔmesese kple mɔkpɔkpɔ va su amesiwo bu mɔkpɔkpɔ eye dzi ɖe le wo ƒo la si. Dzilaɖekɛ aɖe si tso Namibia ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa be:\n\"Mexɔ ƒe 29, eye metsɔ ŋkeke eve ko xlẽ Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa. Ede dzi gbɔ nam ale gbegbe elabena metsi akogo ŋutɔ. Nye ahiãvi ku le ʋufɔku me eye wògblẽ vi eve dzi kpɔkpɔ ɖe dzinye. Míele fu kpem ale gbegbe. Ɣeaɖewoɣi mebunɛ be ade dzinye wu ne mewu wo hewu nye ŋutɔ ɖokuinye hã. Gake esi agbalẽ sia ka asinye la, metrɔ nye susu. Taflatse miva wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.\"\nBiblia nye mɔfiamegbalẽ si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ dzidzedze le agbemenuwɔna ɖesiaɖe me—le kadodo kple ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple woƒe nutoawo me tɔwo me. (Psalmo 19:8; Timoteo II, 3:16) Enaa mɔfiame siwo sɔ le alesi woalé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi atsri vɔ̃e ŋu. Enye agbalẽ si ƒo nu tso alesi woanɔ agbe vavãe ŋu. Ne èle exlẽm la, àkpɔe be eyɔ fũ kple nudzɔdzɔ siwo ku ɖe ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ ŋu. Àkpɔ nusi na dzidzɔ kple viɖe nɔ ame aɖewo ƒe agbe me kple esiwo na ame bubuwo se veve eye woƒe nu wɔ nublanui la adze sii. Àva kpɔ nusiwo ŋu asixɔxɔ le kple esiwo ŋu asixɔxɔ mele o la dze sii kɔte.\nHehenana si Naa Agbe Fifia\nBiblia te gbe ɖe nunya vavãtɔ ƒe amesinɔnɔ ƒe vevienyenye dzi. Egblɔ be: 'Nunyae xɔ asi wu. Ƒle nunya.' (Lododowo 4:7) Ede dzesii hã be nunya menɔa amegbetɔwo si ɣeawokatãɣi o, eyata exlɔ̃ nu be: \"Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa.\"—Yakobo 1:5.\nAleke mía Wɔla, Yehowa Mawu, naa nunya faae? Ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia, si wòde dzi ƒo na mí be míaxlẽ la dzi. Mawu xlɔ̃ nu be: \"Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu . . . , àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya.\" (Lododowo 2:1, 2, 5, 6) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya me dzi eye míekpɔ alesi wowɔa dɔe la, míekpɔnɛ be eɖe Mawu ƒe nunya fia vavã.\nMítsɔ tenɔnɔ ɖe ahedada nu ƒe nya wɔ kpɔɖeŋui. Biblia kafu dɔsesẽwɔwɔ eye wòxlɔ̃ nu tsi tre ɖe nuwɔna siwo gblẽa nu ʋɛ si le ame si dome la ŋu. Eyata edze ƒã be nugbegblẽwɔwɔwo abe atamanono kple ahatsunono ene nye nusiwo tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu.—Lododowo 6:6-11; 10:26; 23:19-21; Korintotɔwo II, 7:1.\nKe ŋusẽ si míaƒe zɔhɛwo ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi ya ɖe? Biblia gblɔ be: \"Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.\" (Lododowo 13:20) Ède dzesii be zi geɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kplɔa amewo—sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa—dea ahamumu, atikevɔ̃ɖizazã, kple agbegbegblẽnɔnɔ mea? Ẽ, ne míede ha kple amesiwo wɔa nu mawo la, míava nɔ abe woawo ke ene, abe alesi Biblia gblɔe ene be: \"Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.\"—Korintotɔwo I, 15:33.\nKakaɖedzitɔe la, mí katã míedi be míakpɔ dzidzɔ. Gake aleke wòate ŋu ava eme na míi? Ðe nède dzesii be Biblia gblɔ be menye nunɔamesiwo kokokoe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nɔnɔme kple ƒomedodo nyuiwo, vevietɔ ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu yea? (Timoteo I, 6:6-10) Yesu Kristo gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be dzidzɔtɔ akuakuawoe nye 'amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me,' \"ame fafawo,\" 'amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ le wuwum,' 'nublanuikpɔlawo,' 'dzimedzadzɛtɔwo,' kple 'ŋutifafawɔlawo.'—Mateo 5:1-9.\nNe èbu tame vevie le Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, àkpɔ ŋudzedze ɖe alesi woate ŋu akpe ɖe mía ŋu afia mɔ mí le agbenɔnɔ mee ŋu. Biblia le etɔxɛ le aɖaŋuɖoɖowo nana me. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi ɣesiaɣi—menye nususuŋlɔ dzro koe wònye o, eye megblẽa nu le mía ŋu gbeɖe o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ɖea vi na edziwɔlawo ɣesiaɣi.\nHehenana si Naa Agbe\nGakpe ɖe Biblia ƒe vi ɖeɖe na mí fifia ŋu la, ena agbenɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ hã mí. Eƒo nu tso anyigbadzidzadzraɖo kple etɔtrɔ wòazu aƒe dzeani na amesiwo subɔa Mawu ŋu. De dzesi etsɔme ŋuti nya dodzidzɔname sia bena: \"Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.\"—Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Lododowo 2:21, 22.\nWò ya bu eŋu kpɔ ko: Ðevi lédɔ aɖeke maganɔ anyi o, dɔwuame maganɔ anyi o, dɔléle dziŋɔ siwo gbɔdzɔa ŋutila maganɔ anyi o, eye vevesese aɖeke maganɔ anyi o! Dziɖeleameƒo, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple nuxaxa ƒe aɖatsiwo nu ayi, elabena woaɖɔ nɔnɔme siwo hea nu mawo vɛ ɖo alo woaɖe wo ɖa. Esi Mawu ƒe dziƒodɔlawo atsrɔ̃ amesiwo ɖona koŋ wɔa nu vɔ̃ɖiwo ɖa ta la, fiafitɔwo, amewulawo, aʋatsokalawo, kple ame bubu siwo na dziɖeɖi mele agbe me o maganɔ anyi o. Amewo atso woa ŋutɔ ƒe aƒe eye woanɔ wo me le dziɖeɖi me.—Yesaya 25:8, 9; 33:24; 65:17-25.\nÐe nya sia do dzidzɔ na wòa? Àdi be yeanya nu geɖe tso Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ŋu be wòaɖe vi na wò fifia kple le etsɔmea? Ne nenemae la, ke taflatse te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, eye adzɔ dzi na wo be yewoatsɔ mia kple wò ƒomea ade woƒe xexeme godoo \"hehenana si naa agbe\" ƒe ɖoɖoa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010108\/Hehenana-si-Naa-Agbe\/","date":"2022-05-27T18:23:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662675072.99\/warc\/CC-MAIN-20220527174336-20220527204336-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983096719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983096718788147}","num_words":950,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DUKƆ sia nye dukɔ siwo le sue wu le xexea me la dometɔ ɖeka, eye wòle to siwo le Switzerland kple Austria dome la dome. Le ƒe alafa siwo va yi me la, Celttɔwo, Rhaettɔwo, Romatɔwo kple Alemantɔwo nɔ nuto sia me kpɔ. Liechtensteintɔ eve le etɔ̃ me nye Alemantɔ siwo nɔ afi ma ƒe 1,500 va yi la ƒe dzidzimeviwo.\nGermangbe koŋ ye wodona le dukɔa me, togbɔ be nutoa me tɔwo doa gbe vovovowo le kɔƒenutowo me hã. Woƒe nuɖuɖu veviwoe nye Tüarka-Rebel, si wotsɔ bli wɔ, eye evelia nye Käsknöpfle, si wotsɔ makaroni kple notsi babla wɔ.\nNe tsaɖilawo le tsa ɖim le dukɔa me la, wokpɔa to siwo dzi sno xɔ, bali siwo me gbe damawo le, wainbɔwo kple seƒoƒo vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ sue sia si le towo dome me la, àkpɔ seƒoƒo vovovo 50 siwo le gbe me. Blemanudzraɖoƒewo, fefewɔƒewo kple wainwɔƒewo hã le Liechtenstein dukɔa me. Esia ta amewo ɖia tsa yia dukɔ sia me le vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli siaa.\nYehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le Liechtenstein tso ƒe 1920-awo me ke. Fifia Ðasefo 90 ye le afi ma le Biblia me gbedeasia fiam nutoa me tɔwo kple tsaɖilawo siaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-january-2016\/nu-%C9%96edzesiwo-liechtenstein\/","date":"2022-05-18T10:54:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662521883.7\/warc\/CC-MAIN-20220518083841-20220518113841-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999001205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990012049674988}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.337,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na\nTesalonikatɔwo\n1\n1 Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa Kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ.\nAmenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.\nAkpedada ɖe Tesalonikatɔwo ƒe xɔse ta\n2 Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. 3 Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. 4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi, 5 elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. 6 Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã.\n7 Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya. 8 Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, 9 elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. 10 Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1TH01.htm","date":"2022-05-19T12:44:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00163.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981351495,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981351494789124}","num_words":348,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Aleke maɖo dze kple dzinyelawo?' 'Aleke mawɔ adze xɔlɔ̃wo?' 'Nu kae gblẽ le ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ ŋu?' 'Nu ka tae meléa blanui alea?'\nNe èbia nya siawo ɖokuiwò kpɔ la, nyae be menye wò ɖeka koe. Ne èdi mɔfiame siwo ku ɖe nya siawo ŋu le teƒe vovovowo la, àxɔ ŋuɖoɖo gbogbo aɖewo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Gake agbalẽ si nye Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s'interrogent — Réponses pratiques), Volume 1 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔwo. Biblia dzie wotu aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la ɖo. Mawu ƒe Nya la kpe ɖe ame geɖe ŋu wonɔ te ɖe agbemekuxiwo nu dzidzedzetɔe. Kpɔ ale si wòate ŋu akpe ɖe ŋuwòe ɖa!\nBabla sia ƒe akpa aɖewoe nye esiawo:\nAnyinɔnɔ Kple Ƒometɔwo\nAme Si Nènye\nSukuxɔ Me Kple Kpakpã Le Suku\nGbɔdɔnyawo, Agbe Nyui Nɔnɔ, Kple Lɔlɔ̃\nAme Ðokui Dome Gbegblẽ Nuwɔnawo\nWò Vovoɣiwo\nWò Mawusubɔsubɔ\nNyawo Diƒe Na Dzilawo\nÀte ŋu awɔ agbalẽ sia ƒe PDF ƒe kɔpi, alo aŋlɔ agbalẽ na míaƒe dɔwɔƒewo abia agbalẽa ƒe tata ƒe kɔpi ɖeka.\nDe Dzesi: Fifia woate ŋu aŋlɔ nu alo ade dzesi nu le agbalẽ sia ƒe PDF me. Ne wò PDF-ʋunua tea ŋu wɔa dɔ sia la, ekema àte ŋu aŋlɔ nu ɖi alo ade dzesi nyawo ɖi le agbalẽa ƒe kɔpi si nèwɔ la ŋutɔ me tẽe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/young-people-ask-volume-1\/","date":"2022-06-28T07:14:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103355949.26\/warc\/CC-MAIN-20220628050721-20220628080721-00544.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966676235,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966676235198975}","num_words":228,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 \"Miva ne míatrɔ ɖe Yehowa ŋu,Elabena evuvu mí ʋayaʋaya,+ ke ada gbe le mía ŋu. Ede abi mía ŋu, ke ablae na mí. 2 Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe. Afɔ mí le ŋkeke etɔ̃a gbe,Eye míanɔ agbe le eŋkume. 3 Míadze si Yehowa, míadze agbagba vevie adze sii. Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene;Ava mía gbɔ abe tsidzadza ene,Abe adatsi si ƒoa anyigba ene.\" 4 \"Efrayim, nu kae mawɔ wò? Yuda, nu kae mawɔ wò? Elabena miaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpowo ene,Ele abe zãmu si nu yina ene. 5 Esia tae mato nyagblɔɖilawo dzi afli wo;+Matsɔ nye numenyawo awu wo.+ Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava mia dzi la aklẽ abe kekeli ene.+ 6 Elabena lɔlɔ̃ vavã* dzea ŋunye wu vɔsa,Eye sidzedze Mawu dzea ŋunye wu numevɔsa blibo.+ 7 Ke wotu nubabla+ la abe ale si amegbetɔ wɔa nui ene. Womewɔ nuteƒe nam o. 8 Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du,+Eme yɔ fũu kple afɔteƒe siwo nye ʋu.+ 9 Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoha siwo de xa ɖi na ame ene. Wowua ame le Sekem mɔ dzi,+Elabena woƒe nuwɔna nye ŋukpenanu. 10 Mekpɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o le Israel ƒe aƒe la me. Afi mae Efrayim wɔa gbolo le;+Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.+ 11 Oo Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã,Ne megaƒo nye dukɔ ƒe aboyomewo nu ƒu hekplɔ wo gbɔe.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Elabena nublanuikpɔkpɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hosea\/6\/","date":"2022-08-13T06:44:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571909.51\/warc\/CC-MAIN-20220813051311-20220813081311-00636.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985074997,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985074996948242}","num_words":220,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.141,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 \"Baba na ame siwo ɖoa nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ta me,Ame siwo bua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ,Elabena ŋusẽ le wo si.+ 2 Agble dzroa wo, eye woxɔnɛ sesẽe;+Ne aƒee dzro wo la, woxɔa eya hã;Wotafaa ŋutsu xɔa eƒe aƒe,+Eye wobaa ame xɔa eƒe domenyinu. 3 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: 'Kpɔ ɖa, meɖoe be mahe gbegblẽ ava ƒome sia dzi,+ eye miate ŋu asi le enu o.*+ Miaganɔ zɔzɔm glodzoeglodzoe o;+ elabena ɣeyiɣi vɔ̃ wònye.+ 4 Gbe ma gbe la, amewo ado lo ɖe mia ŋu,Eye woafa konyi vevie ɖe mia ŋu.+ Woagblɔ be: \"Wogblẽ mía dome keŋkeŋ!+ Ena nye dukɔ ƒe gome yi ame bubu si me—kpɔ ale si wòxɔe le asinyee ɖa!+ Ema míaƒe agblewo na ame mawɔnuteƒewo.\" 5 Eya ta ame aɖeke manɔ asiwò ada dzidzekaAma anyigba la le Yehowa ƒe ha la dome o. 6 Wole gbɔgblɔm be, \"Midzudzɔ gbeƒãɖeɖe!Mele be woaɖe gbeƒã nya siawo o;Womado vlo mí o!\" 7 Oo Yakob ƒe aƒe, gbɔgblɔmee wole be: \"Ðe Yehowa ƒe gbɔgbɔ megagbɔa dzi ɖi oa? Alo nenemae wòwɔa nuia?\" Ðe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo ƒe mɔwo le dzɔdzɔe oa? 8 Azɔ nye ŋutɔ nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe futɔ ene. Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo kple awuwo siaa*Le ame siwo tso eme va yina dziɖeɖitɔe la ŋu, abe ame siwo gbɔ tso aʋa ene. 9 Mienya nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me.Mieɖe nye atsyɔ̃ ɖa le viawo ŋu tegbee. 10 Mitso miadzo, elabena menye gbɔɖemeƒee nye afi sia o. Esi wòzu du makɔmakɔ ta la,+ woagbãe, woagbãe eteƒe makɔ o.+ 11 Ne ame si kplɔ ya kple alakpadada ɖo hekaa aʋatso la gblɔ be, \"Magblɔ nya ɖi ku ɖe wain kple aha muame ŋu\" la, Ekema eyae anye dukɔ sia ƒe nyagblɔɖila!+ 12 Oo Yakob, maƒo mi katã mia nu ƒu;Maƒo Israel ƒe ame susɔeawo nu ƒu godoo.+ Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene,Abe lãha le lãnyiƒe ene;+Eye amewo ƒe hoowɔwɔ axɔ afi ma keŋ.'+ 13 Gligbãla adze wo ŋgɔ;Woalɔ hoo ato agbo la nu ado go.+ Woƒe fia adze wo ŋgɔ,Eye Yehowa adze wo ŋgɔ.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"miate ŋu aɖe ta le eme o.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Mieɖe atsyɔ̃ɖonu xɔasiwo le awuwo ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mika\/2\/","date":"2022-08-15T04:14:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882572127.33\/warc\/CC-MAIN-20220815024523-20220815054523-00158.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988672733,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988672733306885}","num_words":375,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Gayometiti Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?\nTSƆE be ŋu ke etsɔ ko nèzu kesinɔtɔ gã aɖe, nu kae nàwɔ? Àɖe wò dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔ ahaɖu agbea? Àɖe asi le wò dɔwɔɖui ŋu ahazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ŋua? Alo àtrɔ ɖe dɔ aɖe si doa dzidzɔ na wò ŋutɔŋutɔ la wɔwɔ ŋu? Nukutɔe la, menye nu mawoe ame geɖe siwo va zu kesinɔtɔ la wɔna o. Ke boŋ wozãa woƒe agbenɔŋkeke mamlɛawo tsɔ nɔa ga geɖe wu dim—be yewoatsɔ axe yewo ŋuti fewo loo alo be yewoazu gatɔ gã aɖe.\nGake ame aɖewo siwo ti ga yome la va le dzesi dem nu si gblẽm wòle le woƒe lãmesẽ, woƒe ƒomea, kple wo viwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Le ŋkeke siawo me la, agbalẽwo, television dzi wɔnawo, kple videowo xlɔ̃a nu ku ɖe kesinɔnuwo yome titi vivivo ŋu eye wodea dzi ƒo boŋ be \"ame ŋutɔ nalɔ̃ faa anɔ agbe tsɛ.\" Numekuku geɖe ɖee fia be ame ɖokui ƒoƒo ɖe kesinɔnuwo didi me fũu akpa te ŋu gblẽa nu le ame ŋu—le susu, seselelãme, kple ŋutilã me gɔ̃ hã.\nNyateƒee, nuxɔxlɔ̃ tso afɔku siwo le kesinɔnuwo yome titi me ŋu menye nu yeye o. Ƒe 2,000 kloe enye esia la, Biblia gblɔ be: \"Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.\"—Timoteo I, 6:9, 10.\nGake nyateƒee wònyea? Ðe ga kple kesinɔnuwo didi vivivo gblẽa nu le amewo ŋu ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe eme nyona na wo le goawo katã—kesinɔnu, lãmesẽ, kple ƒome kpɔdzidzɔ—mea? Nà míakpɔe ɖa.—g6\/07","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200707\/%C3%90e-Gayometiti-Le-Nu-Gbl%E1%BA%BDm-Le-%C5%8Auw%C3%B2a\/","date":"2022-09-29T18:15:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335362.18\/warc\/CC-MAIN-20220929163117-20220929193117-00733.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982814789,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982814788818359}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 \"Ne nyagblɔɖila alo ame si gblɔa nya ɖi to drɔ̃ewo dzi la tso le mia dome, eye wòwɔ dzesi alo nukunu aɖe na mi, 2 eye dzesi alo nukunu, si ŋu wòƒo nu le na mi la va eme, gake wògblɔ be, 'Mina míadze mawu bubu yome, mawu siwo mienya o, eye míasubɔ wo' la, 3 mègaɖo to nyagblɔɖila ma alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o,+ elabena ɖe Yehowa mia Mawu la le mia dom kpɔ,+ ne yeanya ne mielɔ̃ Yehowa mia Mawu la tso dzi blibo kple luʋɔ* blibo+ me hã. 4 Yehowa mia Mawu la yomee miadze, eyae miavɔ̃, eƒe sededewo mee mialé ɖe asi, eye eƒe gbee miaɖo to; eyae miasubɔ, eye eya ŋue miaku ɖo.+ 5 Ke miwu nyagblɔɖila ma alo drɔ̃ekula ma,+ elabena egblɔ be woadze aglã ɖe Yehowa mia Mawu, ame si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe wò tso kluviƒe me la ŋu, be nàtrɔ ɖa le mɔ si dzi Yehowa wò Mawu ɖo na wò be nàzɔ la dzi. Eye nàɖe nu si nye vɔ̃ la ɖa le dowòme.+ 6 \"Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawò ƒe vi, alo viwòŋutsu alo viwònyɔnu alo srɔ̃wò lɔlɔ̃a alo xɔ̃wò vevitɔ kekeake,* dze agbagba be yeable nuwò le adzame hegblɔ be, 'Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo,'+ mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o, 7 siwo nye dukɔ siwo ƒo xlã mi, esiwo te ɖe mia ŋu alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ, tso anyigba la ƒe go si me va se ɖe anyigba la ƒe go kemɛ me la, ƒe mawuwo dometɔ aɖewo la, 8 mègalɔ̃ ɖe edzi nɛ alo aɖo toe o,+ eye mègakpɔ nublanui nɛ alo ase veve ɖe enu o, eye mègaɣla eta o; 9 ke boŋ ele be nàwui kokoko.+ Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eyome dukɔ bliboa hã nakpe asi ɖe ŋuwò.+ 10 Ele be nàƒu kpee wòaku,+ elabena edi be yeana nàtrɔ ɖa le Yehowa wò Mawu, ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me la yome. 11 Ekema Israel blibo la katã asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi le mia dome azɔ o.+ 12 \"Ne èsee wogblɔ le wò du siwo Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be nànɔ wo me la dometɔ aɖe me be, 13 'Ŋutsu yakame aɖewo tso mia dome, eye wole agbagba dzem be yewoatrɔ woƒe dua me nɔlawo ƒe susu hegblɔ be, \"Mina míayi aɖasubɔ mawu bubuwo,\" mawu siwo mienya o' la, 14 ekema nàdi nya la gɔme, eye nàku nu me tsitotsito ahabia se;+ eye ne kpeɖodzi le eŋu be wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome nyateƒe la, 15 ekema nàwu du ma me nɔlawo katã kple yi.+ Tsrɔ̃ wo kple woƒe nuwo katã hekpe ɖe woƒe lãwo katã ŋu.+ 16 Eye nàlɔ aboyonuawo katã akɔ ɖe du la ƒe ablɔ me, eye nàtɔ dzo du la kple aboyonuawo katã wòanye vɔsa blibo na Yehowa wò Mawu. Eye dua nazu glikpo ɖaa. Womagbugbɔe atso gbeɖe o. 17 Mègaka asi nu siwo woɖo be woatsrɔ̃* la ŋu o,+ ne Yehowa naɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, ne wòakpɔ nublanui na wò ahave nuwò, eye wòana nàdzi ɖe edzi, abe ale si tututu wòka atam na tɔgbuiwòwo ene.+ 18 Elabena ele be nàɖo to Yehowa wò Mawu* alé eƒe se siwo katã dem mele na wò egbe la me ɖe asi, ne nàwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa wò Mawu ŋkume.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"xɔ̃wò si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene.\"\n^ Alo, \"nu siwo wowɔ kɔkɔe to sedede ɖe wo nu me.\"\n^ Alo, \"nàɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/5-mose\/13\/","date":"2022-09-30T08:44:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335448.34\/warc\/CC-MAIN-20220930082656-20220930112656-00038.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994301796,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994301795959473}","num_words":583,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"22 Yesu gado lo bubu na wo be: 2 \"Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃+ na via ene. 3 Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.+ 4 Egadɔ kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, 'Migblɔ na ame kpekpeawo be: \"Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.\"' 5 Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge;+ 6 ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo. 7 \"Ale fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.+ 8 Eye wògblɔ na eƒe kluviawo be, 'Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o.+ 9 Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.'+ 10 Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me. 11 \"Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. 12 Ebiae be, 'Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?' Ke mete ŋu ke nu o. 13 Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, 'Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.' 14 \"Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.\" 15 Eye Farisitɔwo dzo yi ɖade adaŋu, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.+ 16 Eya ta wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodes habɔbɔ+ me nɔlawo ɖe egbɔ gblɔ be: \"Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me, eye mèdea ame dzi o, elabena mèwɔa nu ɖe ale si amewo dzena le gotae la nu o. 17 Eya ta gblɔe na mí: Nu kae nèsusu? Ðe se ɖe mɔ* be míaxe adzɔ na Kaisaro loo alo se meɖe mɔ o?\" 18 Ke esi Yesu kpɔ woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dze sii la, egblɔ be: \"Alakpanuwɔlawo, nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? 19 Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.\" Wotsɔ denario* ɖeka vɛ nɛ. 20 Eye wòbia wo be: \"Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?\" 21 Wogblɔ be: \"Kaisaro tɔe.\" Eye wògblɔ na wo be: \"Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, ke mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.\"+ 22 Esi wose esia la, woƒe nu ku, eye wogblẽe ɖi dzo. 23 Gbe ma gbe Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, va biae be:+ 24 \"Nufiala, Mose gblɔ be: 'Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.'+ 25 Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. 26 Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. 27 Mlɔeba nyɔnua hã ku. 28 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.\" 29 Yesu ɖo eŋu na wo be: \"Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o;+ 30 elabena le tsitretsitsia me la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo la ene.+ 31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ nya si Mawu gblɔ na mi be: 32 'Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu' la oa?+ Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe.\"+ 33 Esi amehaawo se nya siawo la, woƒe nu ku le ale si wòfia nui ta.+ 34 Esi Farisitɔwo se be etsi nya ɖe Zadukitɔwo nu la, wolɔ hoo va. 35 Esi wo dometɔ ɖeka si nya Sea nyuie la di be yeadoe kpɔ la, ebiae be: 36 \"Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?\"+ 37 Egblɔ nɛ be: \"'Lɔ̃ Yehowa* wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo kpakple wò tamesusu blibo.'+ 38 Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. 39 Evelia si ɖii lae nye esi: 'Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.'+ 40 Wotu Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe sedede eve siawo dzi.\"+ 41 Ke esi Farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo be:+ 42 \"Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?\" Woɖo eŋu nɛ be: \"David vie.\"+ 43 Egabia wo be: \"Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã+ David wòyɔe be 'Aƒetɔ,' esi wògblɔ be: 44 'Yehowa* gblɔ na nye Aƒetɔ be: \"Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te\"'?+ 45 Azɔ ne David yɔe be 'Aƒetɔ' ɖe, ke aleke wɔ wònye via?\"+ 46 Ame aɖeke mete ŋu ɖo nya ŋu nɛ o, eye tso gbe ma gbe la, ame aɖeke mete ŋu do dzi gabia nya bubu aɖekee o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Ðe wòsɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mateo\/22\/","date":"2022-10-03T23:56:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337446.8\/warc\/CC-MAIN-20221003231906-20221004021906-00654.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989370704,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989370703697205}","num_words":845,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tomemi—Yayra Kple Fiƒode Wònyea?\nALEKE gbegbee dukɔ deŋgɔwo nɔ te ɖe tomemi kple nusiwo wotsɔnɛ wɔnɛ dzii? Ami—kpakple gas—le vevie na wo ale gbegbe, eye abe alesi Daniel Yergin gblɔe le eƒe agbalẽ si nye The Prize mee ene la, esia na wova zu \"Haidrodzin Kple Karbɔn Dukɔwo.\" Wò ya bu dzoxɔxɔnamɔ̃memi, grease bosomikaɖiwɔnu, aŋɔ, kple nusiwo wotsɔna tomemi me nuwo wɔna—yameʋuwo, lɔriwo, tɔdziʋuwo, nutreŋɔwo, aŋɔsisi, polyester-vɔwo, kamedefɔkpawo, fefenuwo, ama si wodea nui, aspirin, ami ʋeʋẽwo, atsyɔ̃ɖomiwo, agba siwo dzi woléa nya ɖo, kɔmpiutawo, televisionwo, kple telefonwo ŋu—kpɔ ko. Ame geɖe wɔa nuzazã 4,000 kple edzivɔ siwo woɖe tso tomemi me, siwo kpɔ ŋusẽ gã ɖe egbexexea dzi la dometɔ geɖe ŋudɔ gbesiagbe. Ke nusiwo tomemi gblẽna le nu gbagbe ƒomevi vovovowo kple wo nɔƒewo ŋu tso esime wodze ekuku gɔme ya ɖe?\nFia si \"Meɖua Fia Nublanuikpɔkpɔtɔe Ɣesiaɣi O\"\nLe ƒe 1940 ƒe nuwuwu esime aʋa di be yeadzɔ ɖe Romania kple Hungary dome la, Nazi dzizizidziɖula Adolf Hitler wɔ kaba abe wo domee wòdi be yeadzra ɖo ene. Ðetsɔtsɔ le eme na wo taea? Le nyateƒe me la, ɖe Hitler di be yeakpɔ egbɔ be Romaniatɔwo ƒe amikuƒewo nagava zu Soviet Union dukɔa tɔ o. Ami ganye susu sẽŋu aɖe le nusiwo ta Iraq-dukɔa va dze Kuwait dzi le ƒe 1990 me dome, eye eya ke tae dukɔ bubuwo va kpe ɖe Kuwait-dukɔa ŋu ɖo. Nudzɔdzɔ siawo menye nya yeye kura o. Zi geɖe la, agbagbadzedze be woakpɔ ŋusẽ ɖe amikuƒewo dzie hea aʋawɔwɔ kple fukpekpe vɛ.\nMenye ɖeko ami le vevie le egbegbe gbenɔnɔ me o ke boŋ enye nu vevi aɖe na dunyahelawo eye ame ʋɛ siwo nye ŋusẽtɔwo tsɔ ɖe le eme etɔxɛe. Abe alesi Mɔ̃memi Ðoɖedutadukɔwo ƒe Habɔbɔ (OPEC, le Eŋlisigbe me) gblɔ nyitsɔ laa enee la, ami menye nu tsɛ aɖe ko o, \"ke boŋ enye dzɔdzɔmenu vevi aɖe le dunyahehe kple asrafo nyawo me.\" Woxɔa tomemi dzadzra le dukɔwo dome ƒe mɔnukpɔkpɔ le dukɔ aɖewo si ɣeaɖewoɣi, tsɔ ɖoa asi wo dzi alo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi le dunyahenyawo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋɔdzinuwɔlawo dzea amikuƒewo, amiɖaƒewo, kple amitsɔʋuwo dzi—si me tsonuwo gblẽa nu le anyigbaa ŋu vevie zi geɖe.\nWoyɔ amikudɔ de dɔwɔna siwo me ya si woyɔna be carbon dioxide dona le hegblẽa nu le anyigbaa ŋu la dome, si ate ŋu ana yame ƒe nɔnɔmewo le xexeame godoo natrɔ. Le PEMEX (Mexico-Dukɔa ƒe Amiɖaƒe), si nye amiɖaƒe gãtɔwo kekeake siwo le xexeame dometɔ ɖeka, ƒe nyatakaka aɖe nu la, amiɖaɖa hea ɖiƒoƒo geɖe vɛ. Togbɔ be wotrɔ asi le petrol ŋu be ɖiƒonu siwo nɔa eme dzi ɖe kpɔtɔ fifia wu tsã—ƒe ade kloe le Kyoto Takpekpea, si me dukɔ 161 kpe ta le be woawɔ afɔɖeɖe atsɔ akpɔ xexeame ƒe dzoxɔxɔ ƒe ŋɔdzia gbɔe megbe—hã la, ame geɖe sena le wo ɖokui me be tɔtrɔ boo aɖeke meva o. Ke hã OPEC gblɔ be \"amie he kesinɔnu kple nudzedziname siwo me\" dukɔ geɖewo \"le vivi sem le egbea la vɛ.\" Gake alea wònɔna ɣesiaɣia?\nAme aɖewo atɔ asi nusiwo amidowo ɖeɖe kple pɔmpi siwo me wotsɔa wo tonae la ɖiɖi gblẽ la dzi. Ame aɖewo hã atɔ asi alesi dɔmakpɔwɔe le dzidzim ɖe edzi le Saudi Arabia, si nye dukɔ si me ami le wu dukɔ ɖesiaɖe la dzi. OPEC ƒe zimenɔla, Alí Rodríguez Araque gblɔ be: \"Dukɔ deŋgɔwo ƒe dziɖuɖuwo le nusiwo wobia tso amikulawo, amiɖalawo, kple ezãlawo si la ŋudɔ wɔm bliboe.\"\nCorpWatch, si nye habɔbɔ si tsɔa nya ɖe adzɔhawo ŋu, le nyawo abe nutoa me ta kpɔkpɔ ene gome, la gblɔ be: \"Ami kpɔtɔ nye Fia. Gake meɖua fia nublanuikpɔkpɔtɔe ɣesiaɣi o.\"\nAleke nuwo ava yii le ami gome le etsɔme?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031108\/Tomemi-Yayra-Kple-Fi%C6%92ode-W%C3%B2nyea\/","date":"2022-12-03T22:16:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710941.43\/warc\/CC-MAIN-20221203212026-20221204002026-00481.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981523752,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981523752212524}","num_words":606,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi nàɖo nya sia ŋu la, ele be nànya ɖokuiwò nyuie. Le kpɔɖeŋu me, bu nya siawo ŋu kpɔ:\nƑomedodowo\nÐe nèdoa dziku ɖe wo ŋu kabakaba, ɖewohĩ zãa nya tɔamewo alo ɖea alɔme le wo ŋu ne èle nu me ɖem na woa? Aleke wobuna tso ŋuwò le go sia me? Ale si nèwɔa nu ɖe ƒowòmetɔwo ŋui la ɖe ale si nàwɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋui fia.—Efesotɔwo 4:31.\nAgbenɔnɔ\nÐe nèsea nu gɔmea alo nètea tɔ ɖe edzi ɣesiaɣi be nu si yedi la koe woawɔa? Ðe nèléa ɖokuiwò kpoo ne nya sesẽ aɖe do mo ɖa? Ègbɔa dzi ɖia? Ne ètua Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ɖo fiafia la, akpe ɖe ŋuwò nàva zu srɔ̃tɔ nyui le etsɔme.—Galatiatɔwo 5:22, 23.\nGanyawo\nÐe nènyia fe zi geɖea? Ðe nètea ŋu nɔa dɔ gbɔ wɔna? Ne mètea ŋu wɔnɛ o la, ke nu ka tae? Ale si dɔa le tae? Dɔa tɔ gbɔe wòtsoa? Alo wò ŋutɔ wò nɔnɔme aɖe si ŋu wòle be nàtrɔ asi le la gbɔe wòtsoa? Ne wò ŋutɔ wò ɖeka koe li evɔ mete ŋu le ta kpɔm na wò ganyawo o la, aleke nàwɔ akpɔ ta na ƒome blibo tɔ?—1 Timoteo 5:8.\nMawusubɔsubɔ\nÐe nètsona le ɖokuiwò si xlẽa Mawu ƒe Nya la, kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo mea? Ame si nàva ɖe la dze na ame si bi le mawusubɔsubɔ me ɖeɖe.—Nyagblɔla 4:9, 10.\nZi ale si nèle ɖokuiwò nyam nyuie la, zi nenamae wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàke ɖe ame si akpɔ ŋudzedze ɖe wò nɔnɔme nyuiwo ŋu wu be wòanɔ nya hem ɖe ŋuwò la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C9%96e-mesu-te-na-sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96ea\/","date":"2022-11-28T05:38:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710473.38\/warc\/CC-MAIN-20221128034307-20221128064307-00039.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975592494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975592494010925}","num_words":265,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Seyram Music de Amissah Arthur Learning Center le Ohawu\nby Nutifafa Feyi\nSeyram Music, Eʋe hadzila dzeaɖaŋula, yi ɖa wɔ ha yeye aɖe kple radio dɔwɔla Dj Comma le Abor nutome le Amugã nutome.\nHa si wowɔ, eye wome kpɔ ɖe ɖe go haɖe o la ƒe ŋkɔ enye Gbɔgbɔvɔ̃. Ha, gbɔgbɔvɔ̃ nye nuxlɔ̃ame ha si le gbɔblɔm be, ne amewo tsi trɛ ɖe ŋu wó alekeke hã la ŋɔ megadzi wó o elabena dziɖuɖu fiakuku la asu asi wo kpuie.\nSnd up\nAƒetɔ Ben Dotsei Malor, amesi lɔa Seyram ƒe hawo ŋutɔ la ƒe ŋkuwo kle Seyram ƒe gbeƒã si wóɖe le Facebook dzi tso eƒe mɔzɔzɔ la ŋu, eye wobia tso esi be ne ɖitsa ne woaɖa kpɔ Amissah-Arthur Learning Center nusrɔƒe si le yewode Ohawu la ɖa.\nNyateƒe hã Seyram le eƒe wɔnawo le Abor vɔ megbe la ɖo dzokeke ɖo ta Ohawu\nSnd up…..\nDumegã Ben Dotsei Malor nye dɔmega le UN Dailies, dukɔƒoƒuwo ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe le Amerika blotsi. Eƒe nuŋɔŋlɔwo ɖe Facebook dzi ɖe dzesi be, eɖoa to Seyram ƒe hawo ɣe sia ɣi. Seyram ƒe afɔɖeɖe sia do dzidzɔ nɛ ŋutɔ.\nSnd up…..\nDumegã ƒe nuxlɔ̃ame nya aɖewo na Seyram. Esia yi na nye kpli wo sia hã.\nEgblɔ be \"le be na ɖokuiwo. Ne edo koronabui gbãtɔ la, tekpɔ nado evelia. Asikɔklɔ le vevie. Wɔ esiawo nanɔ dedie na mi\"\nAmissah Arthur learning center nye nusrɔƒe si wotu tsɔ de bubu Ghana dukplɔla kpeɖeŋutɔ xoxoa ameyinugbe Paa Kwesi Amissah Arthur ŋuti.\nDumegã Ben Dotsei Malor ye nɔ ŋgɔ na nusrɔƒe sia tutu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/nutis.org\/seyram-music-de-amissah-arthur-learning-center-le-ohawu\/","date":"2022-11-26T19:54:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446708046.99\/warc\/CC-MAIN-20221126180719-20221126210719-00594.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981839657,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981839656829834}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nEsɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be míanya nu si tae amewo kuna, vevietɔ ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Biblia gblɔ be: \"Veve si hea ku vanɛ lae nye nu vɔ̃.\"—1 Korintotɔwo 15:56.\nNu ka tae amewo katã wɔa nu vɔ̃ hekuna?\nAmegbetɔ gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa ku elabe wowɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu. (1 Mose 3:17-19) Ku koe woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ate ŋu ahe vɛ na wo, elabe Mawu gbɔe \"agbedzɔƒe le.\"—Psalmo 36:10; 1 Mose 2:17.\nAdam ƒe dzidzimeviwo katã nyi nu vɔ̃ ƒe dome tso egbɔ. Biblia gblɔ be: \"To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.\" (Romatɔwo 5:12) Amewo katã kuna elabe wo katã wowɔ nu vɔ̃.—Romatɔwo 3:23.\nAle si woaɖe ku ɖa\nMawu do ŋugbe be yeava mi \"ku saɖagatsi tegbee.\" (Yesaya 25:8) Hafi wòate ŋu aɖe ku ɖa la, ele be wòaɖe nu vɔ̃ si hea ku vanɛ la ɖa. Mawu awɔ esia to Yesu Kristo ame si \"le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa\" la dzi.—Yohanes 1:29; 1 Yohanes 1:7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nu-ka-tae-amewo-kuna\/","date":"2023-01-31T11:19:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499857.57\/warc\/CC-MAIN-20230131091122-20230131121122-00417.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9900314212,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9900314211845398}","num_words":191,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.301,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"52 Nyɔ! Oo Zion, Nyɔ! Ne nàta wò ŋusẽ!+ Oo, du kɔkɔe Yerusalem, do wò awu dzeaniwo!+ Elabena aʋamatsomatsotɔ kple ame makɔmakɔ magava mewò azɔ o.+ 2 Oo Yerusalem, ʋuʋu ke le ɖokuiwò ŋu, tso nàbɔbɔ nɔ anyi. Oo, Zion vinyɔnu si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖi.+ 3 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe,+Eye menye ga tsɔ ge woala agbugbɔ aƒle mi o.\"+ 4 Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: \"Egipte ye nye dukɔ la yi ɖanye amedzro le gbã;+Emegbe Asiria te wo ɖe anyi yakatsyɔ.\" 5 Yehowa be: \"Azɔ nu kae mawɔ le nɔnɔmea ŋu? Elabena wokplɔ nye amewo dzoe naneke manamanae. Yehowa be: Wo dzi ɖulawo le aseye tsom,+Eye wole vlo dom nye ŋkɔ gbe sia gbe.+ 6 Esia ta nye dukɔ adze si nye ŋkɔ;+Esia ta woadze sii gbe ma gbe be nyee nye Ame si le nu ƒom. Kpɔ ɖa! Nyee!\" 7 Du nyui xɔla ƒe afɔwo nya kpɔ le towo dzi loo,+Eya, ame si ɖea gbeƒã ŋutifafa,+Ame si hea nu si nyo wu ŋuti nya nyui vanɛ,Ame si ɖea gbeƒã xɔname,Ame si gblɔ na Zion be: \"Wò Mawu zu Fia!\"+ 8 Se ɖa! Wò gbetakpɔlawo ƒe gbe de dzi. Wo katã wokɔ woƒe gbewo dzi do dzidzɔɣli;Elabena ne Yehowa kplɔ Zion gbɔe la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo. 9 Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mi katã mido dzidzɔɣli,+Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ la;+ egbugbɔ Yerusalem ƒle.+ 10 Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋkume;+Eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔxɔdɔwo.*+ 11 Mite ɖa, mite ɖa, miʋu tso afi ma,+ migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!+ Mido go le eme,+ miwɔ mia ɖokui kɔkɔe,Mi Yehowa ƒe nutsɔlawo.+ 12 Elabena miatsɔ dzitsitsi aʋu adzo o,Eye menye sisi ge miala adzo o,Elabena Yehowa adze mia ŋgɔ,+Eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.+ 13 Kpɔ ɖa! Nye dɔla+ awɔ nu le gɔmesese deto me. Woadoe ɖe dzi,Woado kɔkɔe, eye woado gãe.+ 14 Ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti la,—Elabena eƒe dzedzeme vloe wu ame bubuwo katã tɔ sãsãsã,Eye eƒe kpɔkpɔme vloe wu amegbetɔviwo tɔ kura— 15 Nenema kee wòado voɖi na dukɔ geɖewo.+ Fiawo ƒe nu ade ga le eŋkume,+Elabena nu si ŋu nya womegblɔ na wo kpɔ o lae woakpɔ,Eye nu si womese kpɔ o la ŋue woatrɔ susu ɖo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"aʋadziɖuɖu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/52\/","date":"2023-01-29T20:07:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499758.83\/warc\/CC-MAIN-20230129180008-20230129210008-00193.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992380142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992380142211914}","num_words":388,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.17,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedasi: 64-0823M Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 1\nBranham Ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃a,\nNe miate ŋu ava afisia le agbadɔ la me o la, mikpɔ hame aɖe le afiaɖe; miyi ɖe eme. Ne miate ŋu ase nyaƒokawo kpli mí o la, mise nyaƒokawo le afiaɖe. Nyaƒokawo Ƒoƒo kple wosese nye nu vevietɔ si mawunyagblɔla, nufiala, apostolo, nyagblɔɖila, nyanyuigblɔla aɖe alo miawo, miate ŋu awɔ.\nNye nɔƒe yenye esia; nye tanɔƒe yenye esia; afisia yenye afisi míexɔ anyi nɔ ɖo. Azɔ, milé esia ɖe susume meka nusi le dzɔdzɔm o. Azɔ, ne miedze nunya la, mialé nane. Meka nusi le dzɔdzɔm o la, esiae nye míaƒe tanɔƒe, afisia tututue! Ke milé esia ɖe susume eye mitrɔ gbɔ va nyaƒoka sia gbɔ gbeɖeka, be miese be menɔ nyagblɔm ɖi. Esɔ gbe, miɖo ŋku ema dzi!\nNukae nyagblɔɖila nɔ wɔwɔm? Nuɖuɖu Dzram ɖo. Nuɖuɖu Dzram ɖo alebe Nane nanɔ míasi be míaɖu, alebe Nane nanɔ míasi be míatsɔ aɖu azã. Ele Míasi le míaƒe nyaƒokawo dzi le míaƒe xɔ ƒe ya fafɛ me.\nEgblɔ be nuɖuɖudzraɖoƒe sue ɖeka koe li le dua katã me, nuɖuɖudzraɖoƒe sue ɖeka. Eɖoe ɖi ko le agbɔsɔsɔ me; Dzesi La, Tɔɖoƒe, Nutrenuawo, Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo, Tsɔme Ƒe La, Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi, wokatã na mí, alebena míanɔ afisia ko aɖasee esime wòdzo.\nEdze ko abe ele didiƒe boo ɖa le míagbɔ ene, gake míekpɔtɔ le ŋku ɖom edzi, nusiawo nye nyateƒe. Agbe aɖe yenye esia si me wòle be míawo ɖeka míazɔ le.\nAvawo yɔ FŨU. Nuɖuɖu bubu aɖeke megali si dzi Mawu Ŋutɔ Ɖo kpe be enye NYA DZADZE dɔlékui aɖeke manɔmee o.\nNe nèdi be yeaɖu azã kpli mí la, míele wòxɔm, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míate ɖe Kplɔ̃ La ŋu aɖaɖu fĩeɣi nuɖuɖu abe Eƒe amekpekpe ene.\nBiabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 64-0823M\nNɔvi. Joseph Branham","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/22-1002-biabiawo-kple-nu%C9%96o%C9%96owo\/","date":"2023-01-29T22:33:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499768.15\/warc\/CC-MAIN-20230129211612-20230130001612-00721.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999091506,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990915060043335}","num_words":303,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mishenin Art Studio le dɔ wɔm tso ƒe 2011 me, ASISITƆ AKPE GEÐE SIWO ƑE DZIDZƆ LE XEXEA ME GOdoo nye míaƒe ŋutinya ƒe akpa aɖe!\nMishenin Art studio ƒe nutalawo taa nɔnɔmetata ɖesiaɖe si wobia: na agbalẽ siwo wota (agbalẽwo hã le eme), nyatakakadzraɖoƒewo, kple sinimawo. Míetaa nutatawo, dzesidenuwo, kple nɔnɔmetatawo hã.\nMíate ŋu awɔ nɔnɔmetata siwo le dijitaal dzi (raster, vector) eye emegbe míaɖo wo ɖe wò e-mail. Azɔ hã, míate ŋu ata pɛnsil ƒe nɔnɔmetatawo, tsi ƒe amadedewo, kple bubuawo, eye emegbe míatsɔ wo ayi na wò le Lomé, Sokodé, Kara, kple du bubuwo me le Togo.\nGa homewo\nRaster nɔnɔmetata siwo ƒe lolome ade 4000 x 3000 pixels ƒe asi siwo wobu kple esiwo me kɔ ƒe kpɔɖeŋuwoe nye esi. Ne èle nu biam tso nɔnɔmetata 5 me la, míeɖea asi le nu ŋu.\n$40\n$45\n$55\nÐoɖowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu\n1 Ðe ŋutinya aɖe gɔme.\n2 Tso nya me nenye be èhiã nɔnɔmetata alo nutata si wotsɔ pɛnsil alo nutata ɖe pepa dzi le mɔ̃ dzi.\n3 Ne èhiã na nutata si me pɛnsil alo nutatawo le la, ke nya eƒe lolome.\n4 Ðo nɔnɔmetata la ŋuti numeɖeɖe ɖe [email protected] alo ɖe Facebook pop-up messenger tẽ le nyatakakadzraɖoƒe sia.\nMíexɔa ga si woxe do ŋgɔ – 50%. Dɔwɔwɔ kple wò nudɔdɔa dzea egɔme ne èxɔ ga si nèxe do ŋgɔ vɔ. Ŋuɖoɖo! Míagbugbɔ wò ga ana wò ne emetsonua medzɔ dzi na wò o!\n5 Míawɔ nɔnɔmetata aɖe eye míaɖoe ɖe wò be nàda asi ɖe edzi.\n6 Míewɔa dɔa eye míeɖoa nɔnɔmetata si woɖe do ŋgɔ la ɖe wò.\n7 Ètsɔa ga si susɔ la dea asi na ame bubu eye míeɖoa dɔa ɖe wò.\nFexexe\nWoate ŋu azã PayPal kple mɔnu bubuwo atsɔ axe fe do ŋgɔ kple fexexe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/mishenin-art-studio.com\/do%C9%96ow%C9%94w%C9%94-%C6%92e-kp%C9%94%C9%96enu.php","date":"2023-01-28T20:39:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499654.54\/warc\/CC-MAIN-20230128184907-20230128214907-00761.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989701509,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989701509475708}","num_words":280,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mishenin Art nye dɔwɔƒe gãtɔ kekeake siwo le Ɣedzeƒe Europa siwo naa nutatadɔwo la dometɔ ɖeka.\nÀte ŋu adɔ nu le afisia:\nHekpe ɖe nutata alo nutata ɖesiaɖe (si me nutatawo ƒe kɔpiwo hã le). Míewɔa dɔ kple blemanuwo katã keŋkeŋ (pɛnsil, tsi ƒe amadede, amitata, acrylic, kple bubuawo), eye míeɖea nɔnɔmetata siwo le dijitaal dzi hã.\nMíewɔa ɖoɖo ɖe nudɔdɔ yi Lomé, Sokodé, Kara, kple du bubuwo me le Togo.\nWoɖo Mishenin Art Studio le ƒe 2011 me le Ukraine.\nFifia la, míaƒe dɔwo le asisi siwo tso Togo, kpakple dukɔ bubu geɖe abe Nigeria, South Africa, Egypt, France, Canada, kple bubu geɖewo ene si xoxo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/mishenin-art-studio.com\/ee\/","date":"2023-01-28T19:56:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499654.54\/warc\/CC-MAIN-20230128184907-20230128214907-00833.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979087114,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979087114334106}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Esau Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yakob nɔviŋutsu Esau ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Esau BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Esau Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Esau Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013235\/univ\/art\/502013235_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/esau\/","date":"2023-02-09T08:35:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764501555.34\/warc\/CC-MAIN-20230209081052-20230209111052-00237.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973871708,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997387170791626}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.143,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.152,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àkpɔ dɔwɔnu gbogbo aɖewo siwo le Internet dzi siwo akpe ɖe ŋuwò nàbu akɔnta le xɔtunuwo ƒe nɔnɔme siwo hiã ŋu eye nànya xɔtudɔa ƒe agbɔsɔsɔme le afisia.\nXɔtukɔntabubumɔ̃wo nye kpeɖeŋutɔ vevi aɖewo na xɔtula bibiwo kple aƒemedɔwɔlawo. Wona nète ŋu bua akɔnta kabakaba hedea pɛpɛpɛ, dea dzesi xɔtunu agbɔsɔsɔme si hiã eye nèbua ga si woatsɔ atu xɔtunuwoe.\nMíaƒe akɔntabubumɔ̃wo katã nye esiwo wozãna femaxee keŋkeŋ eye wo zazã le bɔbɔe. Àte ŋu azã wo le wò kɔmpiuta alo asitelefon dzi ɣesiaɣi, le afisiafi. Míele dɔ wɔm ɣesiaɣi be míana dɔwɔwɔ nanyo ɖe edzi eye míakpɔ egbɔ be akɔntabubuwo de pɛpɛpɛ wu.\nMíele akɔntabubumɔ̃ siwo le Internet dzi la ɖɔlim ɣesiaɣi eye míele nu yeye siwo ŋu viɖe le kpem ɖe wo ŋu.\nMègagblẽ ɣeyiɣi eye nàdze míaƒe xɔtuɖoɖowo zazã gɔme fifia o. Míeka ɖe edzi be woava zu kpeɖeŋutɔ veviwo le miaƒe xɔtudɔwo me.\nXɔtame ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nati ƒe atrakpuiwo ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nga atrakpuiwo ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nAkɔntabubumɔ̃ siwo wotsɔ wɔa gɔmeɖoanyiwo kple kɔkritnuwo\nXɔtunuwo ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nGli, gli kple anyigba ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nAnyigbadzidɔwɔwɔ ƒe Akɔntabubumɔ̃wo\nAgbɔsɔsɔme kple ŋutete ƒe akɔntabubumɔ̃wo\nAkɔntabubumɔ̃ bubuwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/","date":"2023-03-29T16:24:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949009.11\/warc\/CC-MAIN-20230329151629-20230329181629-00330.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989259243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989259243011475}","num_words":184,"character_repetition_ratio":0.129,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.169,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi\nKwasiɖa, March 24, 2024\nZi ɖeka ƒe sia ƒea, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi, abe ale si wòde se ene be: \"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\"—Luka 22:19.\nMíele wò kpem be nàde wɔna sia.\nNya Siwo Amewo Biana Edziedzi\nƔeyiɣi didi kae wɔnaa axɔ?\nAxɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene.\nAfi kae woawɔe le?\nBia Yehowa Ðasefowo ne woagblɔ afi si woawɔe le le miaƒe nutoa mea na wò.\nÐe woaxɔ ga ɖe vava ta?\nAo.\nÐe woadzɔ ga le amewo sia?\nAo. Yehowa Ðasefowo medzɔa ga le amewo si le woƒe kpekpewo me o.\nAwu kae wòle be woado hafi ava?\nTogbɔ be womebia be ame siwo avaa nado awu ƒomevi aɖe koŋ o hãa, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be woado awu le nɔnɔme nyui mea dzi. (1 Timoteo 2:9) Mehiã be awu si nàdoa nanɔ etɔxɛ alo anye awu xɔasi o.\nNu kawoe ayi edzi le Ŋkuɖodziwɔnaa me?\nWoadzi ha eye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla aɖe ado gbe ɖa woatsɔ adze wɔnaa gɔme, eye woagawɔe nenema ke atsɔ akpa wɔnaa. Wɔnaa ƒe akpa vevi aɖee nye Biblia me nuƒo si woaƒo atsɔ aɖe vevienyenye si le Yesu ƒe kua ŋu kple ale si nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí la ate ŋu aɖe vi na mí la me.\nNe èle numekɔkɔ geɖe dim la, kpɔ nyati si nye \"Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/%C5%8Bku%C9%96odzi\/","date":"2023-06-09T08:41:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224655446.86\/warc\/CC-MAIN-20230609064417-20230609094417-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994385839,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994385838508606}","num_words":250,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ga atrakpui si trɔna dzidzenu 180 kple akplɔ si le zigzag ŋu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nSP\nX - atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY - ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nW - Atrakpui ƒe kekeme\nE - Nuƒolanɔƒea ƒe Kekeme\nF - ledge ƒe afɔɖeɖewo\nT - ka ƒe xexlẽme\nC - Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nZ - Afɔɖeɖe ƒe titrime\nA - Bowstring ƒe titrime\nG - Ka ƒe Kekeme\n- Kpɔ afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe kɔkɔme.\nLR\n- Ðo mɔfiame si dzi nàkɔe ɖo. Le atrakpuiwo tata ta.\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le gakpo atrakpui si ƒe tɔtrɔ nye dzidzenu 180 ƒe nɔnɔme si sɔ ŋu.\nNusiwo woatsɔ awɔ dɔe ƒe agbɔsɔsɔ si hiã la nyanya.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nGa atrakpui ƒe akpa vovovoawo katã ƒe nɔnɔmetatawo kple nɔnɔmetatawo tsitotsito.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/metal_ladder_z4\/","date":"2023-06-02T09:27:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648465.70\/warc\/CC-MAIN-20230602072202-20230602102202-00282.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999657869,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999657869338989}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Wowɔea?\nDzɔdzɔmenuwo\nAle Si Lãwo Wɔa Ŋusẽ Ŋu Dɔ Nyuie—Ðe Wowɔea?\nÐe ale si lãwo wɔa ŋusẽ ŋu dɔ nyuie le dzɔdzɔmenu la ɖe nane fia tso afi si agbe dzɔ tso ŋua?\nNu Gbagbewo Ƒe Dzo Keklẽ—Ðe Wowɔea?\nŊutete wɔnuku le nu gbagbe aɖewo si be woaklẽ dzo evɔ ŋusẽ si wozãna le esia wɔwɔ me la mede amegbetɔwo ƒe akaɖiwɔwɔewo ƒe ŋusẽ zazã nu kura o. Aleke wòdzɔnae?\nAmegbetɔ Ƒe Ametia\nŊutete Si Le Amegbetɔ Ƒe Ŋutilãa Ŋu Be Wòawu Abi\nAleke dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ŋutete si le ŋutilãa ŋu la srɔ̃m be yewoate ŋu awɔ aŋenu siwo ate ŋu aɖɔ wo ɖokuiwo ɖo ne wogbã?\nGodzilãwo\nTɔmesisiblisi Ƒomevi Aɖe Ƒe Fu\nAmi titri aɖe le tɔmelã siwo dzia vi la dometɔ aɖewo ƒe ŋutigbalẽ te si nana vuvɔ mewɔa wo o. The sea otter ya zã mɔnu bubu aɖe.\nDɔ Si Dadi Ƒe Nufuwo Wɔna\nNu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va le nu siwo wɔa dɔ abe dadi ƒe nufuwo ene dem robotwo ŋu?\nAvu Ƒe Nuʋeʋẽse\nNu kae ɖe dzesi le ŋutete si le avu si be wòase nu ƒe ʋeʋẽ ŋu si wɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo di be yewoadze agbagba awɔ mɔ̃ siwo awɔ dɔ abe avu ƒe ŋɔti ene?\nSɔfɔti\nNu ka tae mɔ̃ɖaŋunuwɔlawo mete ŋu kpɔ sɔfɔti ƒe wɔwɔme wɔ nu bubuwo o?\nTɔmelãwo\nBoso Kpoɖoɖoe Ƒe Tsiƒunuwo\nKpɔ ale si ƒumelã klitsu sia ƒe tsiƒunuwo wɔa dɔe la ɖea vi na wòe la ɖa.\nBoso Ƒe Ŋutigbalẽ Si Klɔa Ði Le Eɖokui Ŋu\nNu ka tae melidɔwɔƒewo le nu srɔ̃m tso eƒe ŋutete ɖedzesi sia ŋu?\nƑumeha Ƒe Dzesidede Nu Ƒe Ŋutete La—Ðe Wowɔea?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ nu tso ŋutete wɔnuku si le lã siawo si be woanya nu siwo ƒo xlã wo la ŋu ato mɔ̃wo vɛ.\nƑumelã Aɖe Ƒe Lãkusi Wɔnuku La\nNu ka gbɔe wòtso be ƒumelã sia ƒe lãkusi ƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna bɔbɔe?\nƑumebɔbɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Aɖu\nNu kae na be numekulawo kpɔe be ƒumebɔbɔ ƒomevi aɖe ƒe aɖu ƒe wɔwɔme sẽ kura wu yiyiɖɔ gɔ̃ hã?\nAle Si Adzawo Wɔna Trea Wo Ðokui Ðe Nu Ŋu\nNutrenu si adzawo wɔna la de ŋgɔ sãsãsã wu nutrenu ƒomevi ɖe sia ɖe si amegbetɔwo wɔ kpɔ. Ke hã, nyitsɔ laa koe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya ale si adzawo wɔna trea wo ɖokui ɖe nu siwo le tsi me ŋu.\nƑumefɔlĩ Ƒe Ade Si Wòtsɔ Wɔa Ðɔ\nƑumefɔlĩ ƒe ade si wòtsɔ wɔa ɖɔ la nana wòléna ɖe nuwo ŋu. Esia gɔmesese ate ŋu ana woawɔ nu siwo woatsɔ aku nuwo ɖe xɔwo ŋu, alo alé lãkusi ɖe ƒuwo ŋu nyuie wu.\nAle Si Wowɔ Ƒumelã Aɖewo Ƒe Gowo\nƑumebɔbɔwo kple adzawo ƒe dzedzeme vovovoawo kple ale si goawo le ye kpɔa wo ta wonɔa agbe.\nŊutete Si Le Abosra Si Be Wòatrɔ Eƒe Amadede\nMɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le agbagba dzem be yewoawɔ nudodo siwo anɔ amadede trɔm le sekɛnd ɖeka ko me.\nHawaiitɔwo Ƒe Totsitotsi Ƒe Dzosinu\nTotsitotsi sia eya ŋutɔ ƒe akaɖi—gake lã bubuwo metea ŋu kpɔnɛ o.\nBosrã Ƒe Alɔ Wɔnukuawo\nMɔ̃ɖaŋuŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso bosrã ƒe alɔwo ŋu hewɔ robɔt ƒe alɔ si ƒe dɔwɔnawo wɔ nuku.\nƔletivi Ƒe Ŋuti Katã Nye \"Ŋku\"\nSrɔ̃ nu wɔnuku aɖe tso ƒumelã sia si nɔa adzakpowo me la ŋu.\nTɔmesɔ Ƒe Asike\nTɔmesɔ nye ƒumelã aɖe si ƒe asike ƒe wɔwɔme le etɔxɛ si ŋu dɔ numekulawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ robɔtwɔwɔ ƒe kuxiwo gbɔ.\nXeviwo\nFavieʋuto Ƒe Aʋala\nNu siwo wosrɔ̃ tso favieʋuto ƒe aʋalawo ŋua ate ŋu ana be elektrikŋusẽnamɔ̃ siwo ya tronaa, nagaɖe toɣli boo o.\nXeviwo Ƒe Aʋala Nugbɔ\nEsi yameʋuwɔlawo kpɔ xeviwo ƒe aʋala ƒe nugbɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ wɔ yameʋu ƒe aʋala nugbɔ la, wote ŋu ɖe ami siwo wozãna la dzi kpɔtɔ lita miliɔn 7,600 le ƒe ɖeka pɛ ko me.\nƑumexegã Ƒe Fuwo\nNu kae ƒumexewo ŋuti nu nyala aɖe va de dzesii ku ɖe xe sia ƒe fuwo ŋu?\nAle Si Ƒudzixe Albatross Saa Agba Ŋusẽ Boo Mazamazãe\nXlẽ nu tso ale si ƒudzixe sia tea ŋu dzona gaƒoƒo geɖe aʋalamaƒomaƒoe la ŋu!\nXe Dzodzoe Aɖe Ƒe Ŋutete Tɔxɛ\nSrɔ̃ nu tso xevi aɖe si dzona ŋkeke enyi sɔŋ matɔmatɔe yia ƒugodo ŋuti.\nLã Siwo Tana Kple Lã Siwo Nɔa Tɔme Kple Godzi\nAdoglo Si Ŋuti Ŋùwo Le Si Hea Tsi Toa Eƒe Ŋutigbalẽ Ŋu\nAleke adoglo sia wɔna hafi tea ŋu hea tsi tso eƒe afɔwo ŋu yia eƒe nu me?\nAdoglo Ƒe Asike\nAleke adoglo sia awɔ ati kpo tso teƒe gbadza aɖadze gli ŋu?\nLo Ƒe Glã\nLo tea ŋu ɖua nu siwo sesẽ zigbɔzi etɔ̃ wu esiwo dzatawo alo kpɔ̃wo tea ŋu ɖuna, ke hã etea ŋu dea vovototo nu siwo le nu me nɛ la dome. Aleke wòwɔnɛ?\nDa Ƒe Ŋutigbalẽ\nNu kae na be da ƒomevi aɖewo lia ati siwo ŋuti le glidzaglidza eye bubuwo hã tea ŋu ɖia wo ɖokui ɖe ke me?\nAkpɔkplɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Viƒoƒo\nNu ka tae nɔnɔmetɔtrɔfiala aɖe gblɔ be mate ŋu adzɔ be akpɔkplɔ sia ƒe viƒoƒomɔnu nanɔ tɔtrɔm vivivi kaka ava zu abe ale si míenyae egbea ene o?\nNudzodzoeviwo\nAle Si Anyi Ƒomevi Aɖe Wɔna Dzona—Ðe Wowɔea?\nAleke nu gbagbevi sue sia wɔ nya dzodzo wu yameʋukula bibiwo?\nAle Si Anyi Wɔna Dzena Ðe Nu Dzi\nAle si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la na wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.\nAnyixe\nNu kae anyiwo nya tso teƒezazã le mɔ nyuitɔ nu si ŋu akɔntaŋutinunyalawo va nya nu tsoe nyitsɔ laa le ƒe 1999 me?\nAleke Aɖiɖiwo Wɔna Zɔna Ðe Ðoɖo Nu?\nNe aɖiɖiwo le zɔzɔm la womeva tsia fli me o. Aleke wote ŋu wɔa esia?\nAnyidi Ƒe Kɔ\nAleke anyidi wɔna hafi kɔa agba siwo kpe wu eƒe ametia sãsãsã?\nAle Si Anyidi Ƒomevi Aɖe Ðea Ðinuwo Le Eƒe Dzesidenu Ŋu\nEhiã be nugbagbevi sue sia naɖe ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋu hafi wòate ŋu ayi edzi anɔ agbe. Aleke wòwɔa esiae?\nNu Siwo Kpena Ðe Sahara Dzogbe Dzi Ƒe Anyidi Ŋu Wònɔa Te Ðe Dzoxɔxɔ Nu\nAnyidi sia nye lã siwo tea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã nu wu la dometɔ ɖeka. Nu kae kpena ɖe eŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu?\nAle Si Ʋetsuvi Ƒomevi Aɖe Nɔa Agbee\nNu si na nudzodzoe siawo ƒe agbenɔnɔ wɔ nukue nye be le ƒe 13 va ɖo 17 megbe la, wodona henɔa agbe kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko.\nBɔtri Aɖe Ƒe Afɔti Siwo Wɔa Dɔ Nukutɔe\nWohiã vevie be ŋusẽ na ɖo bɔtria ŋu be wòate ŋu adzo sesĩe.\nLãmenusenu Si Nana Be Ʋetsuviwo Mekpea Ŋgo O\nAleke wòdzɔe be ʋetsuviwo mekpea ŋgo o?\nBɔtri Ƒe Nusese Wɔnuku La\nNudzodzoe sue sia ƒe towo de amegbetɔwo tɔ ɖi ge kloe. Aleke numekuku tso bɔtri ƒe nuseseŋutete ɖedzesi sia ŋu ate ŋu aɖe vi na dzɔdzɔmeŋutinunyala kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo li egbea?\nKpakpaluʋui Ƒe Aʋala\nKpakpaluʋui si nye Blue Morpho ƒe aʋala dzena abe ɖe wo ŋuti zrɔ̃ ene, gake ne èkpɔe kple nusuekpɔmɔ̃ la, akpɔe be nu wluiwluiwlui aɖewo le eŋuti. Dɔ kawoe wowɔna?\nKpakpaluʋui Ƒe Aʋala Si Xɔa Ɣe Ƒe Keklẽ\nMenye ale si kpakpaluʋui ƒe aʋalawo ŋuti le yibɔ gbɔ koe wòtso o.\nAle Si Kpakpaluʋui Ƒomevi Aɖe Kea Eƒe Aʋalae\nNu kae ɖe dzesi le kpakpaluʋui si woyɔna be cabbage white butterfly ŋu si wɔe be mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo te ŋu wɔ ɣeŋusẽhemɔ̃ siwo nyo wu?\nAgbagblaʋui Ƒe Nusese Wɔnuku La\nAgbagblaʋui ƒe to nyaŋui mawo tea ŋu kpena ɖe eŋu wòsea gbeɖiɖi sesẽtɔ kekeake wu xexea me nu gbagbe siwo katã wonya la.\nNu Si Fiaa Mɔ Adoŋgowo\nDzesidede mɔ ƒe ŋutete ka ŋu dɔe adoŋgo wɔna? Nu kae amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso adoŋgo gbɔ?\nKedzokedzo Ƒe Kaɖisinu La\nAleke nusɔsrɔ̃ tso nudzodzoevi sia ŋu te ŋu kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu wowɔ LED, si klẽna nyuie wu?\nTagbatsu Ƒomevi Aɖe Ƒe Dzodzoŋutete Wɔnuku La\nNudzodzoe siawo tea ŋu dzona atsyãtɔe abe aʋawɔyameʋu ene, gake le aɖabaƒoƒo kpui aɖe ŋutɔ ko me.\nYiyi\nDetsyɔevi Ƒe Nukpɔkpɔ Flukpee\nAleke yiyi sia wɔna nyana dometsotso si tututu le eya kple nu si kpɔm wòle la dome? Nu ka tae numekulawo di be yewoasrɔ̃ eƒe aɖaŋu sia?\nNya Ɣaɣla Aɖe Si Ku Ðe Yiyiɖɔ Ŋu\nYiyiɖɔ tea ŋu sesẽna alo bɔbɔna ne ehiã. Xlẽ nu tso ale si wòdzɔnae kple nu si tae la ŋu.\nAtiwo\nPollia Kutsetse Ƒe Amadede Blɔ Nyakpɔ La\nAtikutsetse sia me tsi mele blɔ o, ke hã eƒe amadede si le blɔ lae nye amadede si le blɔ wu atikutsetse bubu ɖe sia ɖe tɔ. Nu kae na eƒe amadedea nya kpɔ nenema?\nAkɔntabubu Ƒe Ŋutete Si Le Atiwo Si\nNumekulawo va kpɔ ŋutete wɔnuku aɖe si le sinapi-ti si.\nNuwɔwɔ Siwo Ŋku Mekpɔna O\nNyatakaka Si Gbegbe Nɔa Domenyiŋusẽfianu Me\nWona ŋkɔ domenyiŋusẽfianu be \"nyatakakadzraɖonu gãtɔ.\" Xlẽ nu tso nu si tae la ŋu.\nƑumenugbagbevi Siwo Ðea Mɔ̃memi Ða Le Tsi Me\nÐe nugbagbevi siawo ate ŋu aɖe mɔ̃memi si ɖuɖu ɖe atsiaƒu me nyuie wu mɔ̃ɖaŋumɔnu siwo zãm wole egbea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/%C9%96e-wow%C9%94ea\/","date":"2023-06-05T20:48:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224652161.52\/warc\/CC-MAIN-20230605185809-20230605215809-00282.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984189868,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984189867973328}","num_words":1491,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Trɔla tso xexlẽdzesi eve me yi xexlẽdzesi ewolia me kple akɔntabubu siwo wowɔ ƒe xexlẽdzesi afɔɖeɖe ɖesiaɖe\nSedede:\nEsia nye xexlẽdzesi eve yi xexlẽdzesi ewolia ƒe tɔtrɔ. Àte ŋu atrɔ xexlẽdzesi manyomanyowo kple xexlẽdzesi siwo ƒe akpa sue aɖe hã le. Nusi do tso eme la sɔ pɛpɛpɛ bliboe, le eƒe akpa si nye xexlẽdzesi blibo kple eƒe akpa si nye xexlẽdzesi suetɔ siaa me. Esia fia be xexlẽdzesi agbɔsɔsɔme si hiã be tɔtrɔ si tututu le eme la anɔ emetsonu si woɖe fia la me.\nŊlɔ xexlẽdzesi eve si ƒe ewolia ƒe sɔsɔme si nèdi be yeaxɔ la ɖe eme. Wowɔa tɔtrɔa enumake, esime wole xexlẽdzesia ŋlɔm, eye mehiã be woazi dzesi aɖeke dzi o. De dzesii be nuŋɔŋlɔ ƒe teƒea doa alɔ ŋɔŋlɔdzesi siwo sɔ siwo sɔ kple xexlẽdzesi eve ko. Esiawoe nye zero, ɖeka, dzesi manyomanyo, kple akpa suewo ƒe mama.\nÀte ŋu akpɔ afɔɖeɖe siwo nàwɔ atsɔ asi awɔ tɔtrɔa ƒe xexlẽdzesiwo le tɔtrɔa te. Ŋkɔ sia hã adze ne wole xexlẽdzesia ŋlɔm.\nAxa sia hã na dɔ siwo ku ɖe tɔtrɔ ŋu, siwo woate ŋu awɔ ne wozi eƒe abɔtawo dzi. Esiawoe nye:\n- dzi xexlẽdzesi si nèŋlɔ la ɖe edzi eye nàɖe edzi akpɔtɔ zi ɖeka, .\n- swap tɔtrɔ ƒe ɖoɖo\n- tutu xexlẽdzesi si nèŋlɔ la ɖa\n- kɔpi xexlẽdzesia tso emetsonua me\n- Kpɔ akɔntabubu ƒe nyagbɔgblɔa ƒe kɔpi be nàx�� tɔtrɔa","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.oratlas.com\/trola-tso-xexledzesi-eve-me-yi-xexledzesi-ewolia-me","date":"2023-06-05T04:15:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224650620.66\/warc\/CC-MAIN-20230605021141-20230605051141-00544.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990563989,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990563988685608}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.114,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Ka Ƒe Ŋkeke Mamlɛawo?\nWOŊLƆ klã ɖe fiase aɖe ŋu be: \"Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Esiawo.\" Nu si wòfia gɔme sese mesesẽ o. Ate ŋu afia be ɣeyiɣi siwo me woɖe nuwo ƒe asi dzi kpɔtɔ le fiasea me la le enu wu ge loo, alo be wole fiasea ŋutɔ tu ge. Ke ne ame aɖe gblɔ be, \"Ŋkeke mamlɛawo mee míele ya ɖe\"? Nu kae wòfia?\nƔeyiɣi didi aɖe ŋutɔe nye esia tso esime woƒo nu tso \"ŋkeke mamlɛawo\" alo \"nuwuɣi\" ŋu le Biblia me. (2 Timoteo 3:1; Daniel 12:4) Ƒe 2,500 kple edzivɔwoe nye esia la, nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖewo siwo me woɖe xexe me dziɖuɖuwo kple hoʋiʋli siwo ayi edzi le wo dome va se ɖe \"nuwuɣi\" la fiae. Wogblɔ nɛ be nuwuɣia mee woana amewo nase ŋutega siawo gɔme. (Daniel 8:17, 19; 11:35, 40; 12:9) Daniel ŋlɔ ɖi hã be: \"Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.\"—Daniel 2:44.\nYesu Kristo ƒo nu tso \"nuwuwu la\" ŋu esime wònɔ nya si wobiae ku ɖe eƒe \"anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi\" ŋu la ŋu ɖom. (Mateo 24:3-42) Edze ƒãa be Daniel kple Yesu siaa nɔ nu ƒom tso tɔtrɔ ɖedzesi aɖe si alɔ ame siwo katã le anyigba dzi kple ame siwo nɔ anyigba sia dzi kpɔ la ɖe eme ŋu. Daniel ŋlɔ nu tso anyigba dzi dziɖuɖuwo katã ƒe nuwuwu ŋu. Yesu ƒo nu tso \"nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la\" ŋu.\nÐe wòle be nàtsɔ ɖe le nya sia mea? Ɛ̃. Ele be ameƒomea katã natsɔ ɖe le eme, elabena elɔ mí katã ɖe eme. Ke hã, ame aɖewo mebua nya sia nya vevii o. Biblia gblɔ ɖi be: \"Le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava kple woƒe fewuɖuɖu, eye woawɔ nu le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, ahanɔ gbɔgblɔm be: 'Afi ka eƒe anyinɔnɔ sia si ŋugbe wodo la le? Kpɔ ɖa, tso ŋkeke si dzi mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.'\" (2 Petro 3:3, 4) Ɛ̃, ame aɖewo susuna egbea be nu siwo dzɔna tso blema ke la koe gale dzɔdzɔm egbea, eye be nenema koe agbenɔnɔ ayi edzi yi ɖe mavɔmavɔ me.\nÐe kpeɖodzi aɖe li be ŋkeke mamlɛ siwo ŋu Biblia ƒo nu tso la mee míele vavã? Na míakpɔe ɖa.—g08 04-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200804\/%C5%8Akeke-Maml%C9%9Bawo-Nu-Ka-%C6%91e-%C5%8Akeke-Maml%C9%9Bawo\/","date":"2023-09-28T00:49:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510334.9\/warc\/CC-MAIN-20230927235044-20230928025044-00445.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980776906,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980776906013489}","num_words":414,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Gake dukɔ la kple wo srɔ̃wo fa konyi vevie ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ƒe nuwɔna ta.+ 2 Ame aɖewo gblɔ be: \"Mía kple mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo míesɔ gbɔ. Ehiã be míakpɔ nu aɖu anɔ agbe.\" 3 Ame aɖewo hã gblɔ be: \"Míetsɔ míaƒe agblewo, míaƒe waingblewo kple míaƒe aƒewo le awɔba ɖom hafi le nu kpɔm le ɖuɖum le dɔŋɔli sia.\" 4 Eye ame bubuwo hã gblɔ be: \"Ðe míedo ga hafi xe adzɔ na fia la ɖe míaƒe agblewo kple míaƒe waingblewo ta.+ 5 Evɔ ɖeko míaƒe ŋutilã le abe mía nɔviwo tɔ ene, eye mía viwo le abe wo viwo ene; gake kpɔ ɖa, ele na mí be míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, eye mía vinyɔnu aɖewo zu kluviwo+ xoxo. Evɔ wɔna aɖeke mele mía ŋu ne míatsi nu sia nu o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe waingblewo zu ame bubuwo tɔ keŋ.\" 6 Esi mese woƒe ɣli kple nya siawo la, dɔme vem ŋutɔ. 7 Eya ta mede ŋugble tso nya siawo ŋu, eye mehe nya ɖe bubumeawo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo ŋu hegblɔ na wo be: \"Mia dometɔ ɖe sia ɖe le deme* biam tso eya ŋutɔ nɔvia si.\"+ Azɔ hã, meyɔ takpekpe gã aɖe le woawo ta. 8 Eye megblɔ na wo be: \"Míedze agbagba ale si míate ŋui gbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra na dukɔwo la ƒle, eye azɔ la, ɖe miawo ŋutɔwo miatsɔ mia nɔviwo adzra+ be míagbugbɔ wo aƒle le miawo hã mia sia?\" Ke wozi kpi, eye womekpɔ nya aɖeke gblɔ o. 9 Eye megagblɔ be: \"Nu si wɔm miele la menyo o. Ðe mele be miazɔ le mía Mawu+ la vɔvɔ̃ me be dukɔ siwo nye míaƒe futɔwo la nagado vlo mí oa? 10 Eye nye kple nɔvinyewo kpakple nye subɔviwo hã míedoa ga kple nuku gbana na wo. Meɖe kuku, mina míadzudzɔ demexɔxɔ alea.+ 11 Meɖe kuku, migbugbɔ woƒe agblewo,+ woƒe waingblewo, woƒe amitibɔwo kple woƒe aƒewo na wo egbe sia, eye migbugbɔ deme, si nye akpa ɖeka le alafa ɖe sia ɖe me si miexɔna* ɖe ga, nuku, wain yeye kple ami ta la hã na wo.\" 12 Woɖo eŋu be: \"Míagbugbɔ wo ana wo, eye míabia naneke tso wo si azɔ o. Míawɔe pɛpɛpɛ abe ale si nègblɔ ene.\" Eya ta meyɔ nunɔlawo, eye mena ŋutsuawo ka atam be yewoawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi. 13 Azɔ hã, meʋuʋu nye awu ƒe akɔnu,* eye megblɔ be: \"Ale Mawu vavã la aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ŋugbedodo sia dzi o la tso eƒe aƒe kple eƒe nunɔamesi gbɔe, eye wòaʋuʋui alea wòaɖi gbɔlo.\" Eye ha blibo la katã ɖo eŋu be: \"Amen!\"* Eye wode asi Yehowa kafukafu me. Eye dukɔ la wɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi. 14 Azɔ hã, tso gbe si gbe wòɖom nutodziɖulae+ le Yuda-nyigba dzi, tso Fia Artasasta+ ƒe ƒe blaevelia+ me va se ɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia+ me, si le ƒe wuieve la, mía kple nɔvinyewo míeɖu abolo si nutodziɖula dze na la kpɔ o.+ 15 Ke nutodziɖula siwo do ŋgɔ nam ya do agba na dukɔ la, eye woxɔa klosalo sekel* blaene le wo si ɖe abolo kple wain ŋu gbe sia gbe. Woƒe dɔlawo hã te dukɔ la ɖe anyi. Ke nye ya nyemewɔ nenema o,+ le esi mevɔ̃a Mawu ta.+ 16 Hekpe ɖe eŋu la, mekpe asi ɖe gliɖoɖodɔ sia ŋu, eye míeƒle agble aɖeke o;+ eye nye dɔlawo katã kpe asi ɖe dɔa ŋu le afi ma. 17 Nye kplɔ̃ ŋue Yudatɔwo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo, siwo nye ame alafa ɖeka blaatɔ̃, kple ame siwo tso dukɔ siwo ƒo xlã mí me va mía gbɔ la ɖua nu le. 18 Nu siwo woɖana nam* gbe sia gbee nye nyitsu ɖeka, alẽ tiatia ade kple xewo; hekpe ɖe wain ƒomevi geɖe ŋu zi ɖeka ŋkeke ewo ɖe sia ɖe. Azɔ hã, nyemebia nuɖuɖu si nutodziɖula dze na la kpɔ o, elabena dɔ si le dukɔ sia dzi la kpe. 19 Oo nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ ɖe dukɔ sia ta la dzi hena nye nyui.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"deme gã.\"\n^ Efia, woxɔna ɣleti sia ɣleti.\n^ Alo, \"Neva eme!\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"meʋuʋu nye akɔnu.\"\n^ Alo, \"tso nye ŋutɔ nye kotoku me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/nehemiya\/5\/","date":"2023-10-04T23:30:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511424.48\/warc\/CC-MAIN-20231004220037-20231005010037-00553.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990929365,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990929365158081}","num_words":680,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yudatɔwo ƒe Kɔnutsilele Eya Dzie Wotu Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðoa?\nBiblia ɖee fia be Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ bia be woanyrɔ amea ɖe tsi me bliboe. Agbalẽ si nye Jesus and His World gblɔ be: \"Wowɔa kɔnu sia tɔgbewo le subɔsubɔha geɖewo me le ɣeyiɣi siwo va yi me kple fifia siaa, eye wowɔnɛ le dukɔ kple dekɔnu vovovowo me hã.\" Agbalẽa te gbe ɖe edzi be, \"Yuda-subɔsubɔha mee Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la dzɔ tso.\" Ðe nya sia nye nyateƒea?\nTa Siwo me Yudatɔawo Lea Tsia Le\nEsime tomenukula nɔ tome kum le nuto siwo te ɖe to si dzi Yerusalem gbedoxɔa nɔ ŋu la, woke ɖe kɔnutsileƒe alo tsileta 100 kloe, siwo woɖe le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. kple ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ, domee la ŋu. Nusi woŋlɔ ɖe Yudatɔwo ƒe ƒe alafa evelia alo etɔ̃lia M.Ŋ. me ƒuƒoƒexɔ aɖe dzi la ɖee fia be \"amedzrowoe\" woɖe tsileƒe siawo na. Woke ɖe tsileta bubuwo ŋu le Yerusalem ƒe akpa siwo kesinɔtɔwo kple fiaƒomewo nɔ; kɔnutsileƒewo nɔ aƒe ɖesiaɖe kloe me.\nTa siawo nyea zɔ gã aɖe si woɖe ɖe agakpewo tome wonɔa dzogoe ene me, alo wonyea ʋɛ si woɖena ɖe anyigba heɖoa kpe ɖe eme nyuie. Wozrɔ̃a wo me nyuie bene woagaɖuɖu tsi o. Wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe kekeme nyea meta 1.8 eye woƒe didime nyea meta 2.7. Wotrɔa tsidzadza ɖe zɔ siawo me. Tsi si nɔa eme la ƒe agbɔsɔsɔ te ŋu ɖoa meta 1.2 ya teti, ale be ne ame bɔbɔ ɖe eme la, wòate ŋu abu ɖe eme keŋkeŋ. Ɣeaɖewoɣi la, woɖoa gli kpui aɖe tsɔ tsoa atrakpui siwo dzi wotona ɖiɖina ɖe eme la me la ɖe akpa eve. Wowɔe alea kple susu be amesi aɖale tsia nato akpa ɖeka age ɖe tsia me, akɔ eɖokui ŋu, eye wòato akpa evelia ado, ale be wòagalɔ ɖi siwo tae wòɖale tsia ɖo la ake o.\nYudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnutsilelewo tae woɖea tsileƒe siawo ɖo. Nukae esia lɔ ɖe eme?\nTsia Lele Ŋuti Se Kple Kɔnyinyi\nMose ƒe Sea te gbe ɖe alesi wòhiãe be Mawu ƒe amewo nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa dzi. Nu geɖe wɔnɛ be Israel-viwo ŋu mekɔna o, siwo ta wòahiã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋu to tsi lele kple woƒe nuwo nyanya me.—Mose III, 11:28; 14:1-9; 15:1-31; Mose V, 23:10, 11.\nYehowa Mawu le dzadzɛ hele kɔkɔe ŋutɔ. Eyata Yehowa bia tso nunɔlawo kple Lewi-viwo si be woaklɔ asi kple afɔ hafi ate ɖe yeƒe vɔsamlekpuia ŋu, bene woagaku o.—Mose II, 30:17-21.\nAgbalẽnyalawo xɔe se be kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me naɖo la, Yuda-subɔsubɔha la va bia tso amesiwo menye Lewi-viwo o hã si be woanɔ ŋutikɔklɔ ƒe se si wode na Lewi-viwo la dzi wɔm. Amesiwo le Yuda ƒe golɔgoewo kple Farisitɔwo siaa kpɔ gome le ŋutikɔklɔ wɔna sia me edziedzi. Numekuku aɖe gblɔ be le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, \"Se nɔ anyi be Yuda-vi ɖesiaɖe nakɔ eɖokui ŋu le kɔnua nu hafi alia To si dzi Gbedoxɔa le, hafi asa vɔ, hafi axɔ nunɔlawo ƒe nunana ƒe viɖewo kple esiawo tɔgbe.\" Talmud me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be, ele na tsia lelawo be woanyrɔ wo ɖokui ɖe tsia me keŋkeŋ.\nYesu ƒo nu tsi tre ɖe Farisitɔwo ŋu le woƒe tɔ tete ɖe kɔnutsilelea dzi ta. Edze ƒã be wonaa \"nyɔnyrɔ nu ƒomevi vovovowo,\" siwo dometɔ aɖewoe nye \"tsinokpluwo kple zewo kple akɔblizɔwo.\" Yesu gblɔ be Farisitɔwo ɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu ɖale woa ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo zim ɖe amewo dzi. (Hebritɔwo 9:10; Marko 7:1-9; Mose III, 11:32, 33; Luka 11:38-42) Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖeke mebia be amewo nanyrɔ wo ɖokuiwo bliboe ɖe tsi me o.\nEkema Yudatɔwo ƒe kɔnutsilelea mee Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa dzɔ tsoa? Gbeɖegbeɖe!\nKɔnutsilelea Kple Kristotɔwo ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ\nYudatɔwo ŋutɔwoe yi ɖalea kɔnutsi sia le wo ɖokuiwo si. Gake nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo la to vovo na kɔnutsilele si Yudatɔwo nya nyuie la. Ŋkɔ si Yohanes va tɔ be Amenyrɔɖetsimela la ɖee fia be amewo nyɔnyrɔ ɖe tsi me ƒe dɔ si wòwɔ la to vovo. Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo gɔ̃ hã dɔ amewo ɖa be woaɖabia Yohanes be: 'Nukaŋuti nèle amewo nyrɔm.'—Yohanes 1:25.\nŊutikɔklɔ ƒe se si nɔ Mose ƒe Sea me la bia be, zi alesi nu ame ƒo ɖi eɖokui le sea nu la, zi nenemae wòhiã be wòakɔ eɖokui ŋui. Menɔ alea le nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo loo alo esi Kristotɔwo naa amewo egbea ya gome o. Nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo la ɖee fia be wotrɔ dzi me heɖe asi le woƒe tsã gbenɔnɔ ŋu. Nyɔnyrɔ si Kristotɔwo xɔna la nye dzesi be amea tsɔ eɖokui ke Mawu. Zi ɖeka koe Kristotɔ wɔa esia, ke menye enuenu o.\nÐeko kɔnutsi siwo amewo lena le Yuda-nunɔlawo ƒe aƒewo me, kpakple le ame hahoowo ƒe tsileƒe siwo te ɖe To si dzi Gbedoxɔa le ŋu, la di be yeaɖi Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa dzro. Gɔmesese vovovowo kurae le nyɔnyrɔɖetsime eve siawo ŋu. The Anchor Bible Dictionary gblɔ be: \"Agbalẽnyalawo xɔe se be Yohanes [Amenyrɔɖetsimela] mesrɔ̃ eŋɔlimetɔwo ƒe wo ɖokuiwo nyɔnyrɔ ƒe nuwɔna sia ƒe kakɛ aɖeke hã o.\" Nenema tututue nyɔnyrɔ si woxɔna le Kristo-hamea me egbea hã le.\nKristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa nye \"Mawu biabia be wòana dzitsinya nyui ame\" ƒe dzesi. (Petro I, 3:21, NW) Eɖenɛ fiana be amea tsɔ eɖokui ke Yehowa bliboe be yeasubɔe abe Via ƒe nusrɔ̃la ene. Ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me keŋkeŋ nye ɖokuitsɔtsɔke sia ƒe dzesi si sɔ ŋutɔ. Amea nyɔnyrɔ ɖe tsia me keŋkeŋ fia be eku ɖe eƒe tsã gbenɔnɔ ta. Ehoho ɖe dzi fia be wogagbɔ agbee hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.\nYehowa Mawu nana dzitsinya nyui amesiwo tsɔa wo ɖokui kena alea hexɔa nyɔnyrɔ la. Eyatae gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: \"[Nyɔnyrɔxɔxɔ] ɖe miawo hã azɔ.\" Esia nye teƒeɖoɖo aɖe si Yudatɔwo ƒe kɔnutsilele zi gbɔ zi gbogbowo hã mate ŋu ana wòasu ame si gbeɖegbeɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061015\/Yudat%C9%94wo-%C6%92e-K%C9%94nutsilele-Eya-Dzie-Wotu-Ny%C9%94nyr%C9%94x%C9%94x%C9%94-%C3%90oa\/","date":"2023-09-25T17:43:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233509023.57\/warc\/CC-MAIN-20230925151539-20230925181539-00871.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986630678,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998663067817688}","num_words":958,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ'\nÐokuitsɔtsɔsavɔ Hea Yehowa ƒe Yayra Vɛ\nŊUTSU aɖe zɔ mɔ kple gasɔ le Cameroon ƒe avetsu aɖe me. Etsɔ gaƒoƒo geɖe do gasɔ to mɔ siwo dzi tsi kple ba xɔ, heto afɔku geɖe me ale be wòayi ado ŋusẽ ame bubuwo. Zimbabwetɔ aɖewo zɔ afɔ kilometa 15 to tɔ siwo ɖɔ me, helé woƒe awuwo kple afɔkpawo ɖe ta be woagaƒo tsi o. Le teƒe bubu aɖe la, nyɔnu aɖe fɔna ŋdi ga ene va fiana nu dɔnɔdzikpɔla aɖe, elabena gaƒoƒo ɖeka koe dɔnɔdzikpɔlaa ate ŋu avo, eye ŋdikanya koe wòate ŋu anye.\nNukae dze le amesiwo dzea agbagba siawo gbegbe la katã ŋu? Yehowa Ðasefo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe wonye, eye wofiana Biblia me nyateƒea amewo. Woawoe nye gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe siwo le Betel-ƒewo me le xexeame godoo. Eye nane si ɖe dzesi le wo ŋue nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ. *\nSusu Nyui Ye Le Wo Si\nYehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo na Timoteo dzi, be: \"Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.\" (Timoteo II, 2:15) Gake nukae ʋãna Ðasefo akpe alafa geɖe be woawɔ ɣeawokatãɣi ƒe subɔsubɔdɔa?\nNe wobia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo be nukatae wole agbagba geɖe dzem le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me hã la, wogblɔna be lɔlɔ̃ si le yewo si na Mawu kple na yewo havi amegbetɔwo tae. (Mateo 22:37-39) Esia sɔ ŋutɔ, elabena ne menye lɔlɔ̃e ʋãna wo o la, agbagba ɖesiaɖe si woadze la anye dzodzro.—Korintotɔwo I, 13:1-3.\nÐokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Subɔsubɔ\nKristotɔ ɖeadzɔgbewo katã wɔ ɖe Yesu ƒe yɔyɔa dzi, be: \"Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.\" (Mateo 16:24) Be ame nagbe nu le eɖokui gbɔ fia be elɔ̃ faa be yeazu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔ, eye be woawo nagblɔ nusi yeawɔ la na ye. Le ame geɖe gome la, esia na wotsɔ wo ɖokui sa vɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.\nÐasefo geɖe dzea agbagba vevie be yewoadzi subɔsubɔ si yewotsɔna na Yehowa la ɖe edzi. Bu Júlia si xɔ ƒe 56, eye wònye gbesiagbe mɔɖela le São Paulo si le Brazil ŋu kpɔ. Egblɔ be: \"Nɔviŋutsu Chinatɔ aɖe yɔm le telefon dzi hebiam be ɖe malɔ̃ be masrɔ̃ Chinagbe hã. Le ƒe si mexɔ ta la, nyemebu gbe yeye sɔsrɔ̃ ŋu kpɔ o. Gake le ŋkeke aɖewo megbe la, melɔ̃ be matee akpɔ. Egbea, mete ŋu ɖoa dze tso Ŋɔŋlɔawo me kple amewo le Chinagbe me.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Peru ka nya ta be: \"Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, gbesiagbe mɔɖela alafa geɖe ʋu yi anyigbamamasiwo womede asi na hame aɖeke o me, eye wole dzideƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖem fia. Woʋuna yia du siwo gbɔ didi, siwo me nu deamedzi aɖeke mele o, eye dɔwɔɖui hã mebɔ o la me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo lɔ̃na faa wɔa nusianu si hiã ale be woakpɔtɔ anɔ woƒe dɔa dzi. Gake nusi le vevie wue nye be dɔ si wɔm wole le gbeadzi la le vi nyuiwo ɖem le teƒe geɖe. Dzikpɔla mɔzɔlawo ka nya ta be gbesiagbe mɔɖela ɖokuitsɔtsɔsavɔla siawo na wole ƒuƒoƒo yeye geɖe ɖom.\"\nKristotɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me be woakpe ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu. (Romatɔwo 16:3, 4) Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Afrika nuto aɖe si me aʋa le edzi yim le ka nya ta be: \"Hafi mía kple srɔ̃nye míaɖo mɔtsoƒe mamlɛtɔ si tso aglãdzelawo ƒe anyigbamamawo kple dziɖuɖua tɔ dome gbɔ la, aglãdzelawo ƒe asrafomegã ene kple wo ŋuti dzɔlawo va ƒo xlã mí, eye wobia mí be amekawoe míenye hã. Esi wonɔ míaƒe dzesidegbalẽviwo kpɔm la, wode dzesii be dziɖuɖua ƒe anyigbamama me tɔwoe míenye, eyata wodo dziku vevie. Wobe ŋkutsalae menye. Eyata woɖoe be yewoatsɔm aƒu gbe ɖe do aɖe me. Megblɔ amesiwo míenye la na wo, eye mlɔeba woɖe asi le mía ŋu míedzo.\" Hameawo da akpe ale gbegbe be atsu kple asi ɖokuitsɔsavɔla siawo te ŋu va srã yewo kpɔ!\nTogbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siawo le kuxi geɖe me tom hã la, woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi le xexeame godoo. (Yesaya 6:8) Dɔwɔla dovevienu siawo dea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woasubɔ Yehowae ŋu. Ame miliɔn bubu geɖe tsɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma ƒomevi ke le Yehowa kafum fifia. Esia wɔe be eyrana wo geɖe. (Lododowo 10:22) Esi dɔwɔla kutrikula siawo ka ɖe edzi be yewoaxɔ yayra kple kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi ta la, woɖea nɔnɔme si le hakpalaa si fiana, amesi dzi ha be: 'Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.'—Psalmo 121:2.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah's Witnesses (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2005) November\/December.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]\n\"Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe.\"—PSALMO 110:3\n[Aɖaka si le axa 8]\nYEHOWA DEA ASIXƆXƆ ESUBƆLA SIWO TSƆ WO ÐOKUI NA ŊU\n\"Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti.\"—Korintotɔwo I, 15:58.\n\"Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.\"—Hebritɔwo 6:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051115\/%C3%90okuits%C9%94ts%C9%94sav%C9%94-Hea-Yehowa-%C6%92e-Yayra-V%C9%9B\/","date":"2023-09-28T21:54:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510454.60\/warc\/CC-MAIN-20230928194838-20230928224838-00189.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988626242,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998862624168396}","num_words":870,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔɖi 3. Dɔléle\n\"Dɔvɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexeame.\"—LUKA 21:11, Agbenya La.\n● Bonzali, si nye lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla le Afrika dukɔ aɖe si me dukɔmeviʋa gblẽ nu le vevie la, dze agbagba be yeayɔ dɔ tomenukula siwo Marburg dɔlékuia * nɔ wuwum le du si me wòle la me. Emi asi lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla bubu siwo le dugã aɖe si te ɖe wo ŋu me be woava kpe ɖe ye ŋu, gake wodo tokui. Ɣleti ene megbe hafi wova zɔ ɖe eƒe yɔyɔa dzi, gake kaka woava la, Bonzali ŋutɔ ku. Exɔ Marburg dɔa le tomenukula siwo wònɔ agbagba dzem be yeaxɔ na la ŋu.\nNU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Dɔlélewo abe axamedɔ, mitsinyenyedɔwo, ɖikanaku (AIDS) yɔmekpe, kple asrãdɔ ene; esiawoe nye dɔléle siwo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu egbea ŋutɔ. Nyitsɔ laa la, akɔntabubuwo ɖee fia be dɔléle ƒomevi atɔ̃ siawo wu ame miliɔn 10 akpe alafa 7 sɔŋ le ƒe ɖeka aɖe ko me. Ne míagblɔe bubui la, efia be dɔléle siawo wua ame ɖeka le sɛkɛnd etɔ̃ ɖe sia ɖe me.\nNUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi le anyigba dzi fifia, eya ta ame siwo adze dɔ hã ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi godoo. Esia tae dɔnɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ɖo.\nÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Enye nyateƒe be amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi le xexea me ŋutɔ ya. Nenema kee amegbetɔwo te ŋu wɔ ŋgɔyiyi geɖe hã le atikewɔnyawo kple dɔdamɔnuwo me fifia wu tsã. Eya ta ɖe mele be míakpɔ mɔ be dɔlényawo dzi naɖe akpɔtɔ kura hafi oa? Gake nu si to vovo na emae le dzɔdzɔm.\nNU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe dɔvɔ̃wo le nu gblẽm egbea abe ale si Biblia gblɔe ɖi enea?\nAnyigbaʋuʋu, dɔwuame, kple dɔléle nye nu siwo le nu gblẽm le ame miliɔn geɖewo ŋu; gake menye amegbetɔ aɖekee ɖonɛ koŋ hea nu siawo vanɛ tẽe o. Le ame miliɔn bubuwo gome la, wo havi amegbetɔwoe wɔa fu wo—ame siwo wòle be woakpɔ wo ta hafi lae tua nu kpli wo. Na míakpɔ ale si Biblia gblɔ esia ŋu nya ɖii ɖa.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Dɔlékui aɖe si le abe Ebola ene gbɔe ʋuɖuɖuleameŋudɔ si nye Marburg Hemorrhagic Fever la tso.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]\n\"Nublanuinyae wònye be dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nanɔ nu gblẽm le ŋuwò le ememe, abe ale si ko dzata alo lã wɔadã aɖe vuvua ame ene, eye nàkpɔe be nu ma tututue le dzɔdzɔm ɖe ame siwo dome nèle la dzi.\"—DƆVƆ̃ŊUTINUNYALA MICHAEL OSTERHOLM.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]\n© William Daniels\/Panos Pictures","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Nyagbl%C9%94%C9%96i-3-D%C9%94l%C3%A9le\/","date":"2023-09-21T23:22:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506045.12\/warc\/CC-MAIN-20230921210007-20230922000007-00423.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990513921,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990513920783997}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kele ƒe leti sia nye ƒe leti tɔxɛ aɖe si dzi wo da ŋkɔ ɖo le Togo nyigbã dzi be mí zã míagbɔ nu. Le mí zã míagbɔ nu ƒe leti sia me adze ɖoɖo gododo nɔkuisi aɖe va eme le jeudi j'ose ƒe wɔna blaadre lia me. Nugble dede sia ƒe ta nya ye nye l'entrepreneyriat des jeunes face aux défis du consommer local. Alesi sɔhɛwo ateŋ aƒo woƒe asi tɔtrɔ le nuwo nu ɖe mí zã míagbɔ nu ƒe taɖidzi nuwo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/direct7.tg\/jeudi-jose-70-lia-le-miade-nu-%C6%92e-letia-me\/","date":"2023-09-24T03:50:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506559.11\/warc\/CC-MAIN-20230924023050-20230924053050-00059.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9670056701,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9670056700706482, \"ajg_Latn_score\": 0.03301367536187172}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.111,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.975,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YUDA ƑE AGBALẼ\nKpɔkplɔyiɖeme :\nYuda, ame si nye Yakobo nɔvi lae ŋlɔ Yuda ƒe Agbalẽ. Le\nɣemaɣi me la, ame geɖewo va zu Kristotɔwo eye wokaka ɖe afi\nsia afi. Ke wo dometɔ aɖewo trɔ zu aʋatsonufialawo, he amewo\nɖa tso nyateƒe la gbɔ eye wode tɔtɔ hamea me. Nu sia na Yuda\nŋlɔ agbalẽ sia hedo ŋusẽ xɔsetɔwo be woanɔ te sesῖe eye woalé\nxɔse vavãtɔ la me ko ɖe asi ɣesiaɣi.\nEmenyawo:\n1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1-4\n2. Nuxɔxlɔ̃ hena ŋudzɔnɔnɔ ɖe aʋatsonufialawo ŋu, 5-6\n3. ŋusẽdodo hena xɔse vavãtɔ me léle ɖe asi, 17-23\n4. Yayranyawo, 24-25\n1 Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu, ŋlɔ na ame siwo woyɔ, ame\nsiwo Mawu Fofo la lɔ̃ eye Kristo Yesu lé wo ɖe te. 2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃\nnanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.\nMawumavɔ̃lawo ƒe nu vɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃\n3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ nu na mi le ɖeɖe si ƒe\ngomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔ na mi, ado ŋusẽ mi be\nmiaʋlῖ xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta. 4\nMele esia gblɔm elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema\nke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe\nMawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ eye wogbe nu le Yesu\nKristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ la gbɔ.\n5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be\nAƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egipte nyigba dzi gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi\nse o. 6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo\nŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo\nhena ʋɔnudɔdrɔ̃ le ŋkekegã la dzi. 7 Nenema ke, Sodom kple Gomora kpakple du\nsiwo ƒoxlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo\nnɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzo mavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.\n8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, wotsi tre ɖe\ndziɖulawo ŋu eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu. 9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã esi\nwònɔ nya hem kple vɔ̃ɖitɔ la tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ\nnya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, \"Aƒetɔ la aka mo na wò!\" 10 Gake ame\nsiawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti eye nu sia nu si\ngɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua tame o ene la, nu siawo kee nye nu\nsiwo gblẽa wo dome.\n11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balam ƒe vodada\nme eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.\n12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi\nŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe alilῖkpo\nsiwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o\neye woho wo ƒo ɖi eye woku zi gbɔ zi eve la ene. 13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze\nagbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutɔkpɔwo ɖem ɖe go la ene, wole abe ɣletivi siwo le\ntsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.\n14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame\nsiawo ŋu be, \"Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpe akpewo, 15 ne\nwòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ\nle woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea\nŋuti ŋu la ta.\" 16 Ame siawo nye liʋiliʋῖlῖlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia\nnu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ\nɖokuiwo ŋu eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.\nNuxɔxlɔ̃ na tenɔnɔ sesῖe\n17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ\nda ɖi la dzi. 18 Wogblɔ na mi be, \"Le ɣeyiɣi mamlâawo me la, fewuɖulawo lava,\name siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.\" 19 Ame siawoe nye ame siwo\ndea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome eye Gbɔgbɔ la\nmele wo me o.\n20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ\nkekeake me eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de\nMawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be\nwòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la me.\n22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. 23 Miɖe ame\nbubuwo tso dzo me eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu\nsi ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.\nYayranyawo\n24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mi ɖe asi be miagadze anyi o, be wòatsɔ mi aɖo eƒe\nŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me, lae mede mi asi na 25\nmíaƒe Mawu ɖeka hɔ̃ la, ame si nye míaƒe ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe,\nfianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, me le dzidzimewo katã\nme, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/togochretien.com\/ewe-epitre-de-jude\/","date":"2023-10-04T10:14:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511364.23\/warc\/CC-MAIN-20231004084230-20231004114230-00146.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983293414,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983293414115906}","num_words":893,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nAlakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia?\n\"ƔEAÐEWOƔI LA, ALAKPADADA VI AÐE XƆNA ÐE NUMEÐEÐE GBOGBOWO TEƑE.\"\nNYA sia ɖe alesi ame geɖe susuna le alakpadada ŋu fia. Woƒe susue nye be ne alakpadada magblẽ naneke le ame aɖeke ŋu o ko la, ke megblẽ o. Wona ŋkɔ nukpɔsusu sia gɔ̃ hã—si nye Agbenɔnɔ ɖe alesi nɔnɔmewo le nu, si fia be se si ko dzi wòhiã be nàzɔ ɖoe nye esi woyɔna be lɔlɔ̃ ƒe se la. Ne míagblɔe bubui la, Diane Komp si nye agbalẽŋlɔla ɖe eme be, \"ne susu nyui le asiwò eye wò taɖodzinua nyo la, (ekema) ne èda alakpa la . . . menye nya gã o.\"\nNukpɔsusu ma bɔ le egbexexea me. Alakpa siwo dunyahela xɔŋkɔwo kple xexeame kplɔla bubuwo da wɔa mo yaa na amewo le xexeame. Esi nɔnɔme sia kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ta la, ame geɖe megatsia dzi ɖe nyateƒetoto ŋu o. Le nɔnɔme aɖewo me gɔ̃ hã la, alakpadada va zu nusi dzi woda asi ɖo be enyo. Fiasemenudzrala aɖe fa konyi be \"alakpadadae nye nye dɔ. Ne meda alakpa la, meɖua dzi le adzɔnudzadzra hoʋiʋliwo me, eye mekpɔa viɖe gbogbo ƒe sia ƒe. . . . Edze abe esiae nye hehe vevi si wonana le nudzadzra ƒe hehexɔƒe ɖesiaɖe ene.\" Ame geɖe bui be afɔku gobii aɖeke mele nusi woyɔna be alakpa nyui suesuewo me o. Nyateƒeea? Ðe nɔnɔme aɖewo li siwo me wòasɔ le be Kristotɔwo nada alakpaa?\nBiblia ƒe Dzidzenu Kɔkɔwo\nBiblia ƒo nu tsi tre ɖe alakpadada ɖesiaɖe ƒomevi ŋu vevie. Hakpala la gblɔ be: 'Mawu atsrɔ̃ aʋatsokalawo.' (Psalmo 5:7; kpɔ Nyaɖeɖefia 22:15.) Le Lododowo 6:16-19 la, Biblia yɔ nu adre siwo Yehowa lé fui. Woyɔ \"aʋatsoɖe\" kple 'aʋatsoɖasefo si daa alakpa' wòɖe dzesi le nuawo dome. Nukatae? Elabena Yehowa lé fu nusiwo alakpadada gblẽna. Emae nye susu siwo ta Yesu yɔ Satana be alakpatɔ kple amewula ɖo la dometɔ ɖeka. Eƒe alakpadadae he ameƒomea de nɔnɔme wɔnublanui kple ku me.—Mose I, 3:4, 5; Yohanes 8:44; Romatɔwo 5:12.\nAlesi gbegbe Yehowa bua alakpadada be enye ŋkubiãnyae dze le nusi dzɔ ɖe Anania kple Safira dzi la me. Ame eve siawo ɖoe koŋ da alakpa na apostoloawo bene yewoadze dɔmenyotɔwo wu alesi wonɔ ŋutɔŋutɔ. Woƒe Dɔwɔwɔwo 5:1-10.nuwɔnaa nye nuɖowɔe si ŋu wobu do ŋgɔ. Eyata apostolo Petro gblɔ be: \"Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.\" Wo kple evea siaa ku le Mawu ƒe asi me ɖe esia ta.—\nƑe aɖewo megbe la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: \"Migaka aʋatso na mia nɔewo o.\" (Kolosetɔwo 3:9) Nuxlɔ̃ame sia hiã, vevietɔ le Kristo-hamea me. Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzie anye ye yomedzela vavãwo ƒe dzesidenu. (Yohanes 13:34, 35) Ne nyateƒetoto kple kakaɖeamedzi blibo li ko hafi lɔlɔ̃ si me alakpa mele o sia ate ŋu anɔ anyi. Asesẽ be míalɔ̃ ame aɖe ne míate ŋu aka ɖe edzi be ato nyateƒe na mí ɣesiaɣi o.\nTogbɔ be alakpadada ɖesiaɖe menyo o hã la, aʋatsokaka aɖewo nye ŋkubiãnya wu bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ŋukpe alo vɔvɔ̃ ate ŋu ana ame aɖe nada alakpa. Ame bubu ate ŋu atsɔ alakpadada aɖo dɔe ŋutasesẽtɔe, kple susu be yeagblẽ ame ŋu alo ade abi eŋu. Esi wònye ɖe wòɖonɛ koŋ gblẽa ame ŋu ta la, amesia si ɖonɛ koŋ daa alakpa la nye afɔku na ame bubuwo eye woaɖee le hamea me ne metrɔ dzime o. Esi wònye menye alakpadada ɖesiaɖee woɖona dana be woatsɔ agblẽ ame ŋu o ta la, ele be woaɖɔ ŋu ɖo be woagabu fɔ ame dzodzro o, ke boŋ woakpɔ egbɔ be wonya nusianu si ku ɖe nyaa ŋu nenye be ame aɖe da alakpa. Ele be woalé ŋku ɖe taɖodzinu kple nɔnɔme siwo ŋu naneke wɔwɔ mele o ŋu.—Yakobo 2:13.\n\"Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene\"\nGake nyateƒetɔnyenye mefia be enye dzizizi be míaʋu go nyatakaka ɖesiaɖe na amesiame si abia mí o. Yesu xlɔ̃ nu le Mateo 7:6 be: 'Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woagava vuvu mi o.' Le kpɔɖeŋu me, gome aɖeke mele amesiwo si susu vɔ̃ le la si be woanya nanewo o. Kristotɔwo nyae be xexe vɔ̃ɖi mee yewole. Eyata Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be 'woadze aɖaŋu abe dawo ene,' gake 'woadza abe ahɔ̃nɛwo ene.' (Mateo 10:16; Yohanes 15:19) Yesu meʋua go nyateƒe bliboa ɣesiaɣi o, vevietɔ nenye be nyateƒea katã gbɔgblɔ ade eya ŋutɔ alo eƒe nusrɔ̃lawo afɔku me yakatsyɔe. Ke hã le nɔnɔme mawo me la, meka aʋatso o. Ðe ema teƒe la, eziaa ɖoɖoe alo etrɔa dzeɖoɖoa yia nu bubu dzii.—Mateo 15:1-6; 21:23-27; Yohanes 7:3-10.\nŊutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo woyɔ le Biblia me abe Abraham, Isak, Raxab, kple Dawid ene hã dze aɖaŋu heɖɔ ŋu ɖo esime wonɔ nu ƒom kple futɔwo. (Mose I, 20:11-13; 26:9; Yosua 2:1-6; Samuel I, 21:10-14) Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu mawo ŋu be wonye subɔla wɔnuteƒe siwo ɖe toɖoɖo fia le woƒe agbenɔnɔ me. Ema wɔe be wodze be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu.—Romatɔwo 15:4; Hebritɔwo 11:8-10, 20, 31-39.\nAlakpadada adze mɔ bɔbɔe si dzi woato ado le nɔnɔme aɖewo me ɣeaɖewoɣi. Gake anyo be Kristotɔ siwo li egbea nasrɔ̃ Yesu ƒe nuwɔna, awɔ ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la dzi ne nɔnɔme sesẽwo dze ŋgɔ wo.—Hebritɔwo 5:14.\nBiblia de dzi ƒo na mí be míato nyateƒe ahaɖi anukware. Alakpadada menyo o, eye ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: \"Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.\" (Efesotɔwo 4:25) Ne míewɔe nenema la, dzitsinya nyui anɔ mía si, míado ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ le hamea me, eye míayi edzi ade bubu \"Mawu nuteƒetɔ\" la ŋu.—Psalmo 31:5; Hebritɔwo 13:18.\n[Nɔnɔmetata si le axa 16]\nAnania kple Safira ku le alakpadada ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000208\/Alakpadada-%C3%90e-W%C3%B2s%C9%94na-%C6%94ea%C9%96ewo%C9%A3ia\/","date":"2023-09-30T21:53:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510730.6\/warc\/CC-MAIN-20230930213821-20231001003821-00085.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985382557,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985382556915283}","num_words":922,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ameƒomea ƒe Kuxiwo Wo Nu Ayi Gbaɖegbea?\n\"XEXEAME nɔlawo ƒe akpa enelia nye ame dahewo, ga si ŋu ame biliɔn 1.3 nɔa agbe ɖo gbesiagbe mede dɔlar 1 o, ame biliɔn 1 nye agbalẽmanyalawo, biliɔn 1.3 mekpɔa tsi nyui nona o, eye dɔ wua ame biliɔn 1 gbesiagbe.\" Nenemae nyatakaka aɖe si tso Ireland gblɔ le nɔnɔme si me xexeame le ŋu.\nNublanuinya ka gbegbee nye si wònye be amegbetɔ mete ŋu ke ɖe nusiwo akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ tegbee la ŋu o! Kuxi mawo gawɔa nublanui wu ne èkpɔe be amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le nyatakaka ma me la ƒe akpa gãtɔ nye nyɔnu kple ɖevi siwo ŋu wɔna aɖeke mele o. Fifia gɔ̃ hã si míele ƒe alafa 21 lia me la, ɖe mewɔ nublanui ŋutɔ be \"ezu gbesiagbe nuwɔna be womegabua ame gbogbo aɖewo ƒe gomenɔamesiwo ɖe ɖeke me oa\"?—The State of the World's Children 2000.\n\"Xexe Yeye aɖe Li le Dzidzime Ðeka aɖe Me\"\nDukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ɖee fia be kakaɖedzi li be \"woate ŋu aɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame si me ŋutasẽnuwɔna siawo . . . kplɔ amewo dee le xexeame godoo la ɖa.\" Habɔbɔ sia gblɔ be nɔnɔme wɔnublanui siwo nu wòle be wɔnamanɔŋuitɔ biliɔn nane siawo nanɔ te ɖo fifia la \"menye nɔnɔme siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le alo womate ŋu atrɔ o.\" Le nyateƒe me la, edoe ɖe 'amewo katã gbɔ be woakpɔe adze sii be xexe yeye aɖe li le dzidzime ɖeka aɖe me.' Habɔbɔa kpɔ mɔ be esia anye xexe aɖe si me amegbetɔƒomea katã \"avo tso hiãkame kple vovototodedeameme, ŋutasesẽ kple dɔléle me.\"\nNyateƒenya si wònye be fifia gɔ̃ hã la, fafanamelawo dzea agbagba geɖe be yewoaɖe \"aʋawɔwɔ kple xaxa vovovo siwo dzena abe ɖe wo nu mayi o\" la me tsonu wɔnublanuiawo dzi akpɔtɔ lae dea dzi ƒo na amesiwo le nukpɔsusu siawo ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 15 siwo va yi me la, Chernobyl Ðeviwo Dzikpɔɖoɖoa \"wɔe be ɖevi alafa geɖe siwo xɔ kansa le nukliaŋusẽnamɔ̃a ƒe wowó ta la ƒe fukpekpewo dzi ɖe kpɔtɔ.\" (The Irish Examiner, April 4, 2000) Le nyateƒe me la kpekpeɖeŋunaha gãwo kple sueawo wɔa akpa gã aɖe le ame gbogbo aɖewo siwo ŋu aʋawɔwɔ kple afɔkuwo gblẽ nu le la ƒe agbe me.\nKe hã amesiwo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔ siawo me la nya alesi tututu dɔa ƒe nɔnɔme le. Wonya be kuxi siwo yewodzea ŋgɔe la \"keke ta heƒo ke ɖe to sesĩe wu alesi wonɔ le ƒe ewo siwo va yi me.\" David Begg, si nye Ireland Dɔmenyohabɔbɔ ƒe amegã, gblɔ be esime tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le Mozambique ŋu vevie la, \"habɔbɔa ƒe dɔwɔlawo, fafanamelawo, kple nunalawo wɔ nu wòdze kafukafu ale gbegbe.\" Egblɔ kpee be, \"gake míawo ɖeɖe míete ŋu kpe akɔ kple afɔku siawo ƒomevi bliboe o.\" Le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ le Afrika gome la, elɔ̃ ɖe edzi nyateƒetɔe be: \"Mɔkpɔkpɔ ƒe dzoxi ʋɛ siwo kpɔtɔ li la le tsitsim kwasiɖa siaa kwasiɖa.\" Ame geɖe ase le wo ɖokui me be eƒe nyaa ɖɔ nɔnɔme si le xexeame godoo wòsɔ nyuie ŋutɔ.\nÐe míate ŋu akpɔ mɔ na 'xexe yeye aɖe le dzidzime ɖeka aɖe me' nyateƒea? Togbɔ be dɔmenyodɔ siwo wowɔna egbea dze na kafukafu hã la, ɖikeke mele eŋu o be susu le eme be míade ŋugble le mɔkpɔkpɔ bubu aɖe na xexe yeye aɖe si me dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa anɔ la ŋu. Biblia ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ma ŋu, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖe emee ene.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nPage 3, children: UN\/DPI Photo by James Bu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020615\/Ame%C6%92omea-%C6%92e-Kuxiwo-Wo-Nu-Ayi-Gba%C9%96egbea\/","date":"2023-12-08T12:29:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100745.32\/warc\/CC-MAIN-20231208112926-20231208142926-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977725744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977725744247437}","num_words":578,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia be:+ 2 \"Tso nàyi Niniwe,+ du gã la me, eye nàɖe gbeƒã gbedeasi si megblɔ na wò la nɛ.\" 3 Eya ta Yona ɖo to, eye wòtso yi Niniwe+ le Yehowa ƒe nya la nu.+ Ke Niniwe nye du gã aɖe,* eye ŋkeke etɔ̃e woazɔ hafi ate ŋu akpee ɖo. 4 Eye Yona yi du la me hezɔ ŋkeke ɖeka to dua me nɔ gbeƒã ɖem be: \"Esusɔ ŋkeke blaene ko ne woatsrɔ̃ Niniwe.\" 5 Ale Niniwetɔwo xɔ Mawu dzi se,+ eye woɖe gbeƒã be ame sia ame, tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviwo dzi, natsi nu adɔ ata akpanya. 6 Esi gbedeasia ɖo Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi heɖe eƒe fiawu ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzofi me. 7 Azɔ hã ena woɖe gbeƒã le Niniwe ɖe fia la kple eƒe amegãwo ƒe sededea nu be,\"Amegbetɔwo alo lãwo, eɖanye nyi alo alẽ o, dometɔ aɖeke megade naneke nu me o. Womegaɖu nu loo alo ano tsi o. 8 Amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya; eye woaƒo koko na Mawu, eye woaɖe asi le woƒe zɔzɔme vɔ̃ɖi kple ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu. 9 Ðewohĩ Mawu vavã la agbugbɔ abu nu si wòɖo be yeawɔ la ŋu,* eye wòaɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu be míagatsrɔ̃ o!\" 10 Esi Mawu vavã la kpɔ nu si wowɔ, ale si woɖe asi le woƒe zɔzɔme vɔ̃ɖi la ŋu la,+ Mawu vavã la gbugbɔ bu vɔ̃ si wòbe yeahe vɛ la ŋu,* eye megahee vɛ o.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"du gã aɖe le Mawu ŋkume.\"\n^ Alo, \"Ðewohĩ nu si Mawu vavã la ɖo be yeawɔ la avee.\"\n^ Alo, \"vɔ̃ la ve Mawu vavã la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yona\/3\/","date":"2023-12-04T20:09:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100534.18\/warc\/CC-MAIN-20231204182901-20231204212901-00790.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966601729,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966601729393005}","num_words":275,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAleke wòle be Kristotɔ vavãwo nabu nuwɔna si bɔ si nye kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo si wowɔ hena dzadzra la tsɔtsɔ na ame bubuwo lae?\nAme aɖewo adi be yewoazã nya si Yesu gblɔ be, \"Faa miexɔe, faa minae\" la vodadatɔe atsɔ ado taflatse ɖe nuwɔna sia tae. Le nyateƒe me la, menye agbalẽ alo kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo siwo nye amewo tɔ, si zazã ŋu sewo le la, tsɔtsɔ na faa ŋue Yesu nɔ nu ƒom le o. Nunana si nye subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe ŋue wònɔ nu ƒom le. Yesu gblɔ na eƒe apostolo siwo yina du kple kɔƒe vovovoawo me be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea, ada gbe le dɔnɔwo ŋu, ahanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Le esi teƒe be apostoloawo naxɔ ga ɖe dɔ sia wɔwɔ ta la, ebia tso wo si be 'woana faa.'—Mateo 10:7, 8.\nLe alesi kɔmpiutawo le bɔbɔmee ɖe amewo kple dɔwɔƒewo si ta la, dɔwɔɖoɖo si kɔmpiuta tsɔna wɔa dɔe va hiã na ame geɖe. Le ɖoɖoa nu la, ɖe wòle be woaƒlee. Ele eme be ame aɖewo wɔa kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo siwo ta womexɔa ga aɖeke ɖo o eye wogblɔnɛ be woate ŋu awɔ eƒe kɔpiwo atsɔ na ame bubuwo faa ya. Gake ɖe wodzraa kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo akpa gãtɔ. Ele be dɔwɔɖoɖo sia zãlawo naƒlee, axe fe ɖe eta, eɖanye na ame ŋutɔ alo na dɔwɔƒe ƒe zazã o. Ne ame aɖe tsɔ dɔwɔɖoɖo sia ƒe ɖe alo wɔ eƒe kɔpi femaxee la,anye sedzidada, abe alesi agbalẽ blibowo ƒe fotokɔpiwɔwɔ, ne ɖe woatsɔ wo ana ga aɖeke maxɔmaxɔe hã nye sedzidadae ene.\nMɔɖegbalẽ le kɔmpiuta dzi ɖoɖowɔɖi akpa gãtɔ (kɔmpiuta dzi fefewo hã le eme) ŋu, eye wodina tso amesi tɔ wònye alo amesi zãnɛ si be wòawɔ ɖe nusiwo ŋu woɖe mɔ nɛ ɖo kple esiwo ŋu womeɖe mɔ nɛ ɖo o dzi. Mɔɖegbalẽ siawo dometɔ geɖe gblɔna be ame ɖeka pɛ koe ate ŋu ade dɔwɔɖoɖoa eƒe kɔmpiuta dzi ahazãe—si fia edede kɔmpiuta ɖeka pɛ ko dzi, eɖanye aƒeme tɔ loo alo dɔwɔƒe alo suku tɔ dzi o. Mɔɖegbalẽ aɖewo gblɔna be ezãla la ate ŋu awɔ kɔpi ɖeka ada ɖi na eɖokui, gake mele be wòawɔ eƒe kɔpiwo na ame bubuwo o. Ne amesi tɔ wònye la di be yeatsɔ dɔwɔɖoɖo bliboa (tsɔ kpe ɖe mɔɖegbalẽa kple eŋu nuŋlɔɖiwo ŋu) na ame bubu la, ate ŋu atsɔe na. Gake eya ŋutɔ magakpɔ mɔ azãe o. Mɔɖegbalẽwo le vovovo, eyata ele be amesi le dɔwɔɖoɖo aɖe ƒlem alo amesi wole etsɔm na la nanya nusi mɔɖegbalẽ ma gblɔ.\nDukɔ geɖewo wɔ sewo be woatsɔ akpɔ \"susu ƒe nunɔamesiwo,\" abe kɔmpiuta ɖoɖowɔɖiwo ene tae, eye wodzea agbagba be yewoana gomenɔamesisewo nawɔ dɔ. Le kpɔɖeŋu me, January 14, 2000, ƒe The New York Times ka nya ta be \"Germany kple Denmark ƒe kpovitɔwo lé ƒuƒoƒo aɖe si woyɔ be kɔmpiuta ɖoɖowɔɖi dzodalawo ƒe nuvlowɔha aɖe me tɔ siwo gbugbɔa amewo ƒe kɔmpiuta ɖoɖowɔɖiwo kple kɔmpiuta dzi fefewo wɔna hemana, eye wodzraa wo dometɔ aɖewo le Internet gɔ̃ hã dzi.\nNukae nye Kristo-hamea ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? Yesu gblɔ be: \"Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.\" (Marko 12:17) Ema bia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe dukɔa ƒe se siwo metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu o dzi. Apostolo Paulo gblɔ ku ɖe dziɖuɖuwo ŋu be: \"Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. . . . Amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.\"—Romatɔwo 13:1, 2.\nMenye Kristo-hamea me hamemegãwo ƒe agbae wònye be woalé ŋku ɖe amewo ƒe kɔmpiutawo ŋu, abe ɖe wona ŋusẽ wo be woaɖe nutɔnyenyesewo me ahakpɔ egbɔ be wole wɔwɔm ɖe wo dzi ene o. Gake woxɔe se hefiaa nu be ele be Kristotɔwo naƒo asa na nusiwo menye wo tɔ o la tsɔtsɔ ahadze agbagba be woanye sedziwɔlawo. Esia kpɔa Kristotɔwo ta tso tohehe xɔxɔ abe sedzidalawo ene me, eye ekpena ɖe wo ŋu be dzitsinya nyui nɔa wo si le Mawu ŋkume. Paulo ŋlɔ bena: \"Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ.\" (Romatɔwo 13:5) Nenema ke Paulo ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe didi gblɔ le nya siawo me be: \"Míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mía si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.\"—Hebritɔwo 13:18.\n[Aɖaka si le axa 29]\nDɔwɔƒe kple suku aɖewo ƒlea ame geɖewo ƒe kɔmpiuta dɔwɔɖoɖowo zazã ŋuti mɔɖegbalẽ si gblɔa ame xexlẽme aɖe si koe kpɔ mɔ azãe. Le ƒe 1995 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo dzro nyati aɖe si me woɖo aɖaŋu sia ɖo be:\n\"Asitsaha akpa gãtɔ siwo wɔa kɔmpiuta zazã ƒe mɔnu vovovowo la dea se ɖe wo gbugbɔgawɔ azã alo adzra nu, eye wonaa mɔɖegbalẽ ame le alesi woawɔ woƒe ezazãmɔnua ŋudɔe le se nui la ŋu. Zi geɖe la, mɔɖegbalẽa gblɔna be ezãla mekpɔ mɔ ana dɔwɔɖoɖoa ame bubuwo o; le nyateƒe me dukɔwo dome nutɔnyenyese de se ɖe enu. . . . Adzɔha gã aɖewo dzraa kɔmpiuta siwo me wode kɔmpiutazãɖoɖowoe eye wonaa mɔɖegbalẽ le wo ŋu. Gake kɔmpiutafiase aɖewo menaa mɔɖegbalẽ o, elabena se meɖe mɔ ɖe ezazãɖoɖo siwo wode eme hafi le dzadzram la ŋu o, si fia be eƒlela la da se dzi ne ezã ezazãɖoɖoawo. Nya si hã do ƒome kple esiae nye be, mele be Kristotɔwo nalé nyatakaka siwo ŋu nutɔnyenyese le (abe Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ene) alo nya siwo nyatakakanahawo ɖona ɖe woƒe asisiwo, si amewo le lélem ɖi mɔmabiamabia nutɔawoe, la ɖe woƒe kɔmpiuta alo nu bubu dzi o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010215\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-11-30T08:14:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100172.28\/warc\/CC-MAIN-20231130062948-20231130092948-00501.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986444116,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986444115638733}","num_words":922,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2005 Dzesiwo Kpɔkpɔ Adze Sii Nye Ŋkubiãnya! Ðe Nèle Yesu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Dzesi la Kpɔm Dze Siia? Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea? Dzinyelawo Ƒe Kpɔɖeŋu Do Ŋusẽm Ŋutɔ \"Minɔ Ŋudzɔ\"—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo! Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051001\/","date":"2023-12-11T21:35:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679518883.99\/warc\/CC-MAIN-20231211210408-20231212000408-00152.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994747043,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994747042655945}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"9 Eya ta eɖo tɔdziʋu tso ƒu la yi wo de.+ 2 Eye kpɔ ɖa, wokɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va egbɔ. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔa be: \"Vinye, wò dzi nedze eme, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.\"+ 3 Ke agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gblɔ le wo nɔewo dome be: \"Ŋutsu sia le busunya gblɔm.\" 4 Ke esi Yesu nya woƒe susu ta la, ebia wo be: \"Nu ka tae miele nu vɔ̃ɖiwo ŋu bum le miaƒe dzi me?+ 5 Le kpɔɖeŋu me, kae bɔbɔ wu, be woagblɔ be: 'Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò' loo, alo be woagblɔ be: 'Tso nàzɔ'?+ 6 Ke be miadze sii be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi la . . .\" egblɔ na lãmetututɔ la be: \"Tso, nàtsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.\"+ 7 Eye wòtso hedzo yi aƒe me. 8 Esi amehawo kpɔ esia la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wokafu Mawu, ame si tsɔ ŋusẽ sia gbegbe na amegbetɔwo.\n9 Esi Yesu tso afi ma va yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mateo wòbɔbɔ nɔ adzɔxɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: \"Dze yonyeme.\" Enumake wòtso dze eyome.+ 10 Emegbe esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le nuɖukplɔ̃ ŋu le Mateo ƒe me la, kpɔ ɖa, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla gbogbo aɖewo va nɔ kplɔ̃a ŋu kpli wo.+ 11 Ke esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Nu ka tae miaƒe nufiala ɖua nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?\"+ 12 Esi wòsee la, egblɔ be: \"Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.+ 13 Eya ta miyi ɖasrɔ̃ nu si nya sia fia: 'Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.'+ Elabena menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.\"\n14 Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ hebiae be: \"Nu ka tae míawo kple Farisitɔwo míetsia nu dɔna, evɔ wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?\"+ 15 Yesu ɖo eŋu na wo be: \"Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo afa konyi ŋkeke ale si ŋugbetɔsrɔ̃+ la le wo gbɔa? Ke ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la adzoe le wo gbɔ,+ ekema woatsi nu adɔ. 16 Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; elabena avɔnuɖeɖi yeyea aho ɖa, eye teƒe vuvua alolo wu tsãtɔ.+ 17 Eye womekɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxowo me o. Ne wowɔe nenema la, ekema lãgbalẽgoloawo awó, eye wain la aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo hã dome agblẽ. Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kple eve la siaa nɔa dedie.\"\n18 Esi wòle nya siawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegã aɖe te ɖe eŋu, eye wòbɔbɔ nɛ gblɔ be: \"Vinyenyɔnuvi la anya ku ɖaa fifia; ke va da asi ɖe edzi ne wòagbɔ agbe.\"+\n19 Ale Yesu tso dze eyome, eye eƒe nusrɔ̃lawo hã yi kplii. 20 Eye kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ+ la to emegbe va ka asi eƒe awu toga,+ 21 elabena egblɔ le eɖokui me be: \"Ne menya ka asi eƒe awudziwui ŋu ko la, mahaya.\" 22 Ke esi Yesu trɔ, eye wòkpɔe la, egblɔ be: \"Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme, wò xɔse na nèhaya.\"+ Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ tso gaƒoƒo ma dzi.+\n23 Ke esi wòva amegã la ƒe me hekpɔ dzekulawo kple ameha siwo le konyi fam kple ɣli hoo la,+ 24 Yesu gblɔ be: \"Mido go, elabena nyɔnuvi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.\"+ Ale wode asi ekoko me. 25 Esi wònya ameha la do goe vɔ la, ege ɖe eme eye wòlé nyɔnuvi la ƒe alɔnu,+ eye nyɔnuvi la fɔ ɖe tsitre.+ 26 Eye nudzɔdzɔ sia ŋu nya kaka ɖe nuto ma katã me.\n27 Esi Yesu dzo le afi ma va yina la, ŋkuagbãtɔ eve+ kplɔe ɖo le ɣli dom be: \"David Vi, kpɔ nublanui na mí.\" 28 Esi Yesu yi aƒe aɖe me la, ŋkuagbãtɔawo va egbɔ, eye wòbia wo be: \"Miexɔe se be mate ŋu awɔ nu sia?\"+ Woɖo eŋu nɛ be: \"Ɛ̃, Aƒetɔ.\" 29 Eye wòka asi woƒe ŋkuwo+ ŋu gblɔ be: \"Neva eme na mi le miaƒe xɔse la nu.\" 30 Ale woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu de se na wo vevie be: \"Migana ame aɖeke nanya o.\"+ 31 Ke esi wodo go la, wona eŋkɔ ɖi hoo le nuto ma katã me.\n32 Esi wole dzodzom la, kpɔ ɖa, amewo kplɔ aɖetututɔ aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la va egbɔ;+ 33 eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe vɔ la, aɖetututɔ la ƒo nu.+ Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa wogblɔ be: \"Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.\"+ 34 Ke Farisitɔwo gblɔ be: \"Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.\"+\n35 Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.+ 36 Esi wòkpɔ amehawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ elabena wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.+ 37 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o.+ 38 Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.\"+","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/40\/9","date":"2023-12-05T09:49:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100550.40\/warc\/CC-MAIN-20231205073336-20231205103336-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994584918,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994584918022156}","num_words":853,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusɔsrɔ̃ 3: Do Gbe Ða Le Afi Sia Afi\nWò kple Sofia midzi ha tso ale si miado gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi la ŋu.\nƉewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO\nWɔ hadzidzi si le agbalẽ ɖeɖi dzi kple hagbe siawo ƒe kɔpi. Ðeviwo alɔ̃ ha bɔbɔe sia dzidzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/do-gbe-%C9%96a-le-afi-sia-afi\/","date":"2023-12-10T07:44:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679101282.74\/warc\/CC-MAIN-20231210060949-20231210090949-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995811582,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995811581611633}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi wova to elektrikmɔ̃ɖaŋununya vɛ la, meganye akaɖi si wotsɔna ƒoa akaɖi si wozãna tsã la koe nye nusi woate ŋu azã na aƒeme akaɖiwo o.\nAkaɖi ƒomevi siwo bɔ ɖe Russia ƒe asi mee nye halogen, fluorescent, standard incandescent akaɖiwo kple LED kekelitsoƒewo. Le hatsotsoawo katã me la, LED-woe xɔ ŋgɔ egbea.\nLED panel la nye akaɖi si me LED geɖewo le eye ŋusẽ le eŋu to 220 V network dzi.Wotsyɔ LED-awo dzi kple diffuser – si nye \"plafond\" si me kɔ alo matte.\nVivivi la, akaɖiwo le woƒe kplɔlanyenye ƒe ɖoƒewo bum, eye wole akaɖi gbãtɔ siwo le atsyã me siwo ŋu LED-wo le la ɖɔlim. Tiatia sia sɔ vevietɔ le nuɖaƒea\nAquarium nye tɔmelãwo, numiemiewo, shrimps, snails, kple bubuawo ƒe nɔƒe.Ame akpa gãtɔ mate ŋu anɔ anyi bliboe akaɖi manɔmee o. Zi geɖe la, ɣe ƒe keklẽ\nŊusẽzazãwo, siwo dome elektrikŋusẽ hã le, ƒe asiwo lolo ŋutɔ, eyata nuƒlelawo tsɔ ɖe le LED-kaɖiwo me. Eye ɖeko akaɖi siawo siwo me ga mele o ƒe asi bɔbɔ\nLED-kaɖi si woate ŋu agbugbɔ axɔ la nye akaɖimɔ̃ si woate ŋu azã le mɔ vovovowo nu si ɖea vi le nɔnɔme vovovowo me. Mɔ̃wo sɔ na aƒeme kple dzomeŋɔli xɔdɔme\nMenye ɖeko LED-kaɖiwo ƒe keklẽ kple keklẽ medzea ŋkuwo ŋu ko o, ke egblẽa nu hã. Nusiwo gbɔ nudzɔdzɔ si womelɔ̃na o tsona la tso LED-kaɖiwo ƒe nyonyome\nMenye xɔa me ƒe atsyɔ̃ɖoɖo kple atsyɔ̃ɖoɖo koe akaɖi nyuitɔ kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o, ke ekpɔa ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme sue si le xɔa me hã dzi.\nLED-kaɖiwo de ŋgɔ wu hoʋlilawo le nɔnɔmewo katã kloe me. Gake, togbɔ be wogblɔ be mɔ̃ aɖewo ƒe agbenɔƒe anɔ anyi hã la, mɔ̃ aɖewo fiãna hafi mɔɖegbalẽ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/gogoled.ru\/ee\/","date":"2023-12-03T08:14:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100489.16\/warc\/CC-MAIN-20231203062445-20231203092445-00446.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994885325,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994885325431824}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! November 2013 | Nɔnɔme Nyui Siwo Nana Míezua Ame Ðɔʋuwo\nMɔfiame siwo nu míenɔa agbe ɖo la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ, nu siwo míebua nu veviwoe kple ƒomedodo si nɔa mí kple ame bubuwo dome kpakple ale si míehea mía viwoe la dzi. Xlẽ nu tso Biblia me mɔfiame ene siwo nana míezua ame ɖɔʋuwo la ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: Sɔlemedzɔxexe le Germany, ŋusẽ si amekafukafu kpɔna ɖe ahɔhɔ̃a dzi, ame siwo gblɔna be \"yewomele subɔsubɔha aɖeke me o\" ƒe dzidziɖedzi le xexea me godoo.\nNU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU\nMègalala nu sia nadzɔ ɖe viwò dzi hafi nàfia afɔɖoƒee o. Srɔ̃ ale si nàƒo nu tso afɔku si le nuwɔna sia me ŋu na viwò ƒewuivia do ŋgɔ\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme geɖewo gblɔna be: 'Wɔ nu si wò ŋutɔ nèkpɔ be enyo. Wɔ nu si wò dzi gblɔ na wò.' Ðe nuŋububu alea sɔa? Xlẽ nu tso nɔnɔme nyui siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo ɖea vi ŋutɔŋutɔ la ŋu.\nINTERVIEW\nHaƒoƒo hã kpe ɖe ame sia si nye mawudzimaxɔsela tsã la ŋu wòva xɔ Wɔla la dzi se. Nu kae na wòva xɔe se be Biblia tso Mawu gbɔ?\nNe wò kple wò ame veviwo mienya nu tso ɣeyiɣi sia ŋu nyuie la, akpe ɖe mia ŋu geɖe ŋutɔ mianɔ te ɖe kuxi siwo vana le ɣeyiɣi sia me la nu dzidzedzetɔe.\nNU SI BIBLIA GBLƆ\nXlẽ nu tso ale si ɖoƒe si Mawu da ŋutsu kple nyɔnu ɖo le ƒomea me ate ŋu ana woakpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔe la ŋu.\nTogbɔ be kuxiwo anɔ ŋuwò hã la, srɔ̃ ale si wòsusu nanɔ nu dedziƒonamewo ŋu be nàkpɔ dzidzɔ le ememe\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe ètsia dzi ɖe wò dzedzeme ŋu fũu akpa la, kpɔ ale si nàwɔ ada asɔ la ɖa?\nSɔhɛ ene gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu eye wogakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.\nSɔhɛ geɖewo sia wo ɖokuiwo. Ne wò hã èsi ɖokuiwò kpɔ la, afi kae nàkpɔ kpekpeɖeŋu tsoe?\nSe nya siwo sɔhɛwo gblɔ tso megbelelehehe kple ɣeyiɣia ŋu dɔwɔwɔ nyuie ŋu ɖa.\nWɔ ŋutinya sia ƒe kɔpi ale be nàxlẽ nu tso Yosef ame si Mawu zã tsɔ xɔ dukɔ blibo aɖe ɖe agbe la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201311\/","date":"2024-02-26T23:30:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474669.36\/warc\/CC-MAIN-20240226225941-20240227015941-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975757599,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975757598876953}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alan Kwadwo Kyerematen amesi ɖo Movement for Change Habɔbɔ, ƒo nu tso Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ Dr Mahamudu Bawumia ƒe agbagbadzedze be yeaɖe ye ɖokui ɖa tso Ghana ƒe ganyawo ƒe kuxi siwo li fifia la me.\nAlan Kyerematen ʋli nya be abe dziɖuɖumegãwo ƒe ŋgɔnɔla dometɔ vevitɔwo ɖeka ene la, Bawumia mate ŋu aɖe eɖokui ɖa tso dukɔa ƒe ʋiʋliwo gbɔ o, eye wòte gbe ɖe edzi be dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie.\nEsi Alan Kyerematen nɔ nu sɔ kple wo nɔewo le dziɖuɖu siwo va yi dome la, ehe susu yi akpa si dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔwo wɔna le dziɖuɖu ƒe ɖoɖowo kple ame kplɔkplɔ me dzi.\nEgblɔ le gbebiame aɖe me be, \"Nyagbɔgblɔ sia be ne ènye dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ la, ŋusẽ mele asiwò be nàwɔ naneke o, menye nyateƒe o. Le Dukplɔla tsãtɔ J.E Mills si megali o gome la, etsɔ nusianu na dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ɣemaɣi Mahama ŋutɔŋutɔ, mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe be wòaxɔ ŋgɔ le ɖoɖowo me. Nu ma ke, Dukplɔla Akufo-Addo hã na mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ [Ðɔkta Bawumia] be wòaxɔ ŋgɔ na dziɖuɖu ƒe ɖoɖowo\".\nElɔ̃ ɖe akpa si eya ŋutɔ wɔ le dziɖuɖu si nɔ anyi va yi ƒe ganyawo dzi kpɔkpɔ me hã dzi, eye wòte gbe ɖe eƒe ŋutetewo ƒe vevienyenye dzi abe tɔtrɔ ƒe dɔwɔla ene.\nLe ɣeyiɣi sia me la, Ghana ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ kple NPP dunyaheha ƒe aflagatsɔla, Dr. Mahamudu Bawumia gblɔ be yeaɖe adzɔ siwo woxena ɖe elektrɔnik asitsatsa, tsatsadada, kple emissions tax ɖa ne wotia ye dukplɔla le akɔdada si gbɔna la me.\nEgblɔ nya sia le nuƒo aɖe si wòƒo le etsɔ le UPSA ƒe xɔgã me.\nDziɖuɖua to tsatsadada ƒe adzɔ si nye 10% ɖe nusiwo katã woɖu dzi le ƒe 2023 me, 15% ƒe adzɔ si woxena ɖe elektrikŋusẽ ta le 2024 me si le lalam be woawɔe, kple ga si woaxe ɖe ya si dona le ʋu siwo me mɔ̃ le ta tso xleti sia me.\nDr Bawumia ƒo dukɔa ƒe nuƒo aɖe si me wògblɔ eƒe ŋutega kple eƒe nyametsotso na Ghana le eƒe tiatia be wòanye NPP si le dzi ɖum ƒe aflagatsɔla megbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/afenyamedia.com\/alan-gbl%C9%94-na-bawumia-be-mate-nu-a%C9%96e-e%C9%96okui-%C9%96a-tso-ghana-%C6%92e-ganyawo-%C6%92e-kuxiwo-me-o\/","date":"2024-02-22T03:23:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473690.28\/warc\/CC-MAIN-20240222030017-20240222060017-00368.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985774755,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985774755477905}","num_words":354,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.325,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Ke nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi+ kple esime woaƒo mía nu ƒu ɖe egbɔ ŋuti la,+ míele biabiam tso mia si 2 be miagana woatɔtɔ miaƒe susu kaba alo ana nya aɖe si adze abe gbɔgbɔ mee* wòtso ene,+ alo nya aɖe si wogblɔ kple nu, alo agbalẽ aɖe si adze abe mía gbɔe wòtso ene la, naɖe fu na mi, be Yehowa* ƒe ŋkeke+ la ɖo vɔ o. 3 Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae* le mɔ aɖeke nu o, elabena ŋkeke ma mava o, negbe ɖe xɔsegbegbe+ la va gbã, eye woɖe sedzimawɔla,+ si nye tsɔtsrɔ̃vi la fia hafi.+ 4 Tsitretsiɖeŋulae wònye, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nu sia nu si woyɔna be mawu alo nu si wosubɔna la ŋu, eye ale wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ me, hele eɖokui ɖem fia gaglã be mawu yenye. 5 Ðe mieɖo ŋkui be, esime menɔ mia gbɔ la, melɔ̃a nya siawo gbɔgblɔ na mi oa? 6 Ke azɔ mienya nu si le mɔ xem nɛ la, ale be woaɖee ɖe go le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la dzi. 7 Nyateƒee, sedzimawɔmawɔ sia si nye nya ɣaɣla la le dɔ dzi xoxo,+ ke anɔ ɣaɣla va se ɖe esime ame si le mɔ xem ɖe enu fifia la dzo le mɔa dzi hafi. 8 Ekema woaɖe sedzimawɔla la ɖe go, ame si Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe numegbɔgbɔ aɖe ɖa,+ eye wòato eƒe anyinɔɣi si adze ƒãa+ la dzi abu mo nɛ. 9 Ke sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la nye Satana+ ƒe dɔwɔwɔ si me wowɔa ŋusẽdɔwo kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo+ 10 kpakple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe le tsɔ blea+ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la abe woƒe fetu ene, elabena womexɔ nyateƒe la ƒe lɔlɔ̃ la, ne woakpɔ ɖeɖe o. 11 Esia tae Mawu ɖe mɔ vodada ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kplɔ wo trae, ale be woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,+ 12 ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã le esi womexɔ nyateƒe la dzi se o, ke boŋ wokpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta. 13 Gake ele na mí be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mi, nɔvi siwo Yehowa* lɔ̃ la ta, elabena Mawu tia mi+ tso gɔmedzedzea me na ɖeɖekpɔkpɔ, to eƒe gbɔgbɔ si wòtsɔ kɔ mia ŋu+ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. 14 Eyɔ mi va esia gbɔ to nya nyui si míegblɔna la dzi, ale be mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.+ 15 Eya ta nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe,+ eye milé nu siwo míefia mi,+ eɖanye to numenya alo agbalẽ aɖe si míeŋlɔ ɖo ɖe mí dzi o, la me ɖe asi. 16 Eye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí,+ eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ+ nyui mí la, 17 nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui kple nya nyui ɖe sia ɖe me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nable mi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-Tesalonikat%C9%94wo\/2\/","date":"2024-02-26T04:48:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474650.85\/warc\/CC-MAIN-20240226030734-20240226060734-00789.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986735582,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986735582351685}","num_words":473,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Nu Ka Tae Amewo Tɔtɔ Le Nu Si Wònye Ŋuti?\nNU KAE nye gbɔgbɔ kɔkɔe la? Esia dze nya bɔbɔe aɖe ko, gake ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ ate ŋu asesẽ. Papa Benedict XVI gblɔ na ameha aɖe le Australia be: \"Edze abe míate ŋu ase nu si tututu Gbɔgbɔ la nye la gɔme bliboe o ene.\"\nLe nyateƒe me la, nukpɔsusu vovovo kple numeɖeɖe geɖe siwo ŋu kakaɖedzi mele o la bɔ ku ɖe biabia si nye, Nu kae nye gbɔgbɔ kɔkɔe la? ŋu. Ŋuɖoɖo siwo amewo nana la dometɔ aɖewoe nye esi:\n• Ame ŋutɔŋutɔ aɖe si nɔa Kristo ƒe nusrɔ̃lawo me.\n• Mawu ƒe dɔwɔwɔ si ɖea dzesi.\n• Mawu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi si dzena le xexea me.\n• Ame etɔ̃lia si le Mawuɖekaetɔ̃ la me.\nNu ka tae amewo tɔtɔ alea gbegbe ɖo? Tɔtɔ sia dze egɔme tso ƒe alafa enelia M.Ŋ. me ke, esime mawunyaŋutinunyala aɖewo gblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame aɖe si le tasɔsɔ me kple Mawu le mɔ aɖe nu. Ke hã, esia mewɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo alo Kristo yomedzela gbãtɔwo fia o. New Catholic Encyclopedia ɖe nu me be: \"Edze ƒãa be Nubabla Xoxo la meɖee fia be amee Mawu ƒe gbɔgbɔ la nye o . . . Kpuie ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ lae nye Mawu ƒe ŋusẽ.\" Agbalẽ ma ke gblɔ be: \"Nubabla Yeye la ƒe akpa gãtɔ ɖee fia be nanee Mawu ƒe gbɔgbɔ la nye ke menye ame aɖe o; esia gadze ƒãa wu le Ŋɔŋlɔ siwo ɖe ƒomedodo si le gbɔgbɔ la kple Mawu ƒe ŋusẽ dome fia la me.\"\nÐikeke aɖeke mele eme o be esesẽna be woabu ŋusẽ be enye ame. Eya ta numekuku aɖe si wowɔ le United States nyitsɔ laa la ɖee fia be ame akpa gãtɔ meda asi ɖe nukpɔsusu si nye be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame alo \"nu si le agbe\" la dzi o. Ðe woƒe nyaa le emea? Alo ɖee míaxɔ mawunyaŋutinunyala siwo tea tɔ ɖe edzi be \"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye ame ŋutɔŋutɔ si to vovo na Fofo la kple Vi la\" la ƒe nyawo dzi asea?\nBe míakpɔ ŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ƒe Nya Biblia, si ƒo nu tso nu si gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋu tsitotsito la ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ be: \"Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si woana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃.\"—2 Timoteo 3:16, Agbenya La.\nNu ka tae wòle be nàdze agbagba anya nyateƒe si ku ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu? Elabena nyateƒe ma nyanya aʋu mɔ na wò be nàxɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be nu glo ye le agbe mea? Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi . . . ne . . . mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?\"—Luka 11:9, 13.\nLe nyati eve siwo kplɔe ɖo me la, míadzro Ŋɔŋlɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye la me. Eye míakpɔ ale si wòate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe agbe dzii.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]\nŊɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míenya nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091001\/Gb%C9%94gb%C9%94-K%C9%94k%C9%94e-La-Nu-Ka-Tae-Amewo-T%C9%94t%C9%94-Le-Nu-Si-W%C3%B2nye-%C5%8Auti\/","date":"2024-03-03T12:51:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476374.40\/warc\/CC-MAIN-20240303111005-20240303141005-00641.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977160692,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977160692214966}","num_words":542,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne míeƒo nu tso CSS si nye utility-first zazã ŋu la, Tailwind CSS va zu egbɔkpɔnu si dzi dɔwɔla geɖewo yina.\nAlesi wòte ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu, eƒe dɔwɔwɔ nyuie, kple eŋudɔwɔwɔ bɔbɔe la ɖee fia be exɔ asi ŋutɔ le egbegbe nyatakakadzraɖoƒewo wɔwɔ me.\nKe hã, abe dɔwɔnu ɖesiaɖe ene la, be nàkpɔ viɖe geɖe tso eme la, ele vevie ŋutɔ be nàse Tailwind CSS ƒe React nyuitɔwo gɔme ahawɔ wo ŋudɔ.\nMina míage ɖe aɖaŋu siawo dometɔ aɖewo me.\nXexemenunya si nye utility-first nye gɔmeɖose vevitɔ le Tailwind CSS me, si ƒe taɖodzinue nye be yeana ŋusẽ dɔwɔlawo kple utility classes siwo le ɖoƒe si bɔbɔ ɖe akpa siwo wowɔ do ŋgɔ teƒe. Mɔnu sia ate ŋu adze nu dziŋɔ le gɔmedzedzea me le wò HTML ƒe nyagbɔgblɔwo ta; ke hã, ne wonya se egɔme ko la, enaa woate ŋu awɔ kpɔɖeŋuwo kabakaba eye woatrɔ asi le wo ŋu le alesi wowɔa woe.\nLe utility-first architecture me la, klass ɖesiaɖe sɔ kple atsyã ƒe nɔnɔme aɖe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, text-center ƒe hatsotso la ana wò nuŋɔŋlɔa nasɔ ɖe titina, esime bg-blue-500 ana wò element la nakpɔ megbe blɔ ƒe vɔvɔli tɔxɛ aɖe.\nMɔnu sia doa akpa aɖewo gbugbɔgazã ɖe ŋgɔ eye wòɖea CSS si nèŋlɔna dzi kpɔtɔna, si ɖea nya siwo bɔ abe aʋawɔwɔ tɔxɛwo kple kɔda kukuwo ɖeɖeɖa ɖa.\nTailwind CSS hã bi ɖe aɖaŋu si wɔa dɔ nyuie me. Ezãa asitelefon gbãtɔ ƒe breakpoint system, si fia be atsyã siwo wozãna ɖe screen suewo dzi ate ŋu atso bɔbɔe ayi screen gãwo dzi. Woateŋu awɔ esia to ŋgɔdonya bɔbɔewo abe sm:, md:, lg:, kple xl: zazã me do ŋgɔ na wò utility classes.\nLe kpɔɖeŋu me, md:text-center awɔ text-center ƒe hatsotso la ŋudɔ le screen siwo le titina kple esiwo lolo wu dzi ko. Esia na be nàte ŋu awɔ aɖaŋu le mɔ si gɔme sese nu na screen ƒe lolome vovovowo, si wɔnɛ be aɖaŋuwɔwɔ si wɔa dɔ nyuie nyea yaƒoƒo kple Tailwind.\nTogbɔ be utility-first dea dzi ƒo be nàzã atsyãwo tẽ ɖe wò HTML dzi hã la, utilities ƒe ƒuƒoƒo sesẽwo gbugbɔgagblɔ ate ŋu ava zu agba. Le afisia la, Tailwind's @apply mɔfiame va zua agbeɖela, si na be nàte ŋu aɖe atsyã siwo wogbugbɔ gblɔna ɖe CSS ƒe hatsotso tɔxɛwo me.\nLe kpɔɖeŋu me, ne èzãa bg-red-500 text-white p-6 ƒe ƒuƒoƒo enuenu la, àteŋu awɔ klass yeye abe .error ene eye nàzã @apply atsɔ agbugbɔ azã atsyã siawo. Esia nana be woate ŋu axlẽ kɔpiwo eye woate ŋu alé be na wo nyuie wu.\nTogbɔ be Tailwind CSS va kple dɔwɔnu ƒe hatsotso vovovowo hã la, àte ŋu ahiã atsyã tɔxɛwo na nudidi tɔxɛwo. Tailwind naa tɔtrɔwɔwɔ ƒe tiatia geɖe to eƒe ɖoɖowɔɖi ƒe faɛl, tailwind.config.js dzi.\nÀte ŋu akeke ɖoɖowɔɖi gbãtɔa ɖe enu, awɔ amadede tɔxɛwo, breakpoints, ŋɔŋlɔdzesiwo, kple bubuwo. Gake ele vevie be nàzã nɔnɔme sia vie be nàxe mɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖi ƒe faɛl la ƒe ʋuʋu nu.\nTailwind CSS naa dɔwɔwɔ kple mɔfiame geɖewo be wò ŋgɔyiyi ƒe nuteƒekpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, theme() dɔwɔwɔ na be nàte ŋu akpɔ wò ɖoɖowɔɖi ƒe asixɔxɔwo tẽ le wò CSS me, si wɔnɛ be atsyã si trɔna la nɔa bɔbɔe.\nGawu la, Tailwind ƒe mɔfiamewo, abe @responsive, @variants, kple @apply ene, ɖe mɔ na wò be nàwɔ responsive, state variants, eye nàɖe atsyã siwo wogbugbɔ gblɔ, ɖe wo nɔewo yome. Dɔwɔwɔ kple mɔfiame siawo zazã nyuie ana wò ŋgɔyiyi ƒe ɖoɖoa nawɔ kabakaba eye wòana wò codebase nanɔ ɖoɖo nu.\nNuto bubu si me Tailwind CSS klẽna le enye element nɔnɔme vovovowo gbɔ kpɔkpɔ. Atsyãwo zazã ɖe hover, focus, active, kple nɔnɔme bubuwo dzi le bɔbɔe abe alesi nàtsɔ nɔnɔme ƒe ŋkɔ aɖo utility class la ŋgɔ ene.\nLe kpɔɖeŋu me, hover:bg-blue-500 awɔ bg-blue-500 ƒe hatsotso la ŋudɔ ne wotsɔ element la ɖo edzi. Gbãtɔ siawo naa ŋusẽ gã aɖe le alesi nuawo wɔa nui le nɔnɔme vovovowo me ŋu, si wɔnɛ be wò nyatakakadzraɖoƒea zazã ƒe nuteƒekpɔkpɔ nyona ɖe edzi.\nLe nyataƒoƒo me la, Tailwind CSS ƒe React nyuitɔ siawo bibi ate ŋu ana wò nyatakakadzraɖoƒe wɔwɔ ƒe ɖoɖoa nanyo ɖe edzi ŋutɔ. Mɔnu si wozãna gbã, ne wotsɔe kpe ɖe atsyãwo gbugbɔgazã nyuie, tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu, kple asi nyuie ŋu\nNe èle didim be yeana yeƒe Tailwind CSS dɔwɔwɔ nanyo ɖe edzi la, kpɔ DivMagic, si nye web-browser ƒe kekeɖenudɔwɔwɔ si na be nàte ŋu awɔ kɔpi ahatrɔ asi le Tailwind CSS ƒe klasswo ŋu tẽ tso wò browser dzi eye wòwɔa dɔ le nyatakakadzraɖoƒe ɖesiaɖe.\nNye ame gbãtɔ si nya nu tso nyadzɔdzɔwo, nu yeyewo kple bubuwo ŋu!\nÐe asi le nudɔdɔ ŋu ɣesiaɣi. Spam aɖeke meli o.\n© 2024 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/blog\/tailwind-best-practices","date":"2024-02-22T11:21:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473738.92\/warc\/CC-MAIN-20240222093910-20240222123910-00753.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981951118,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981951117515564}","num_words":781,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eƒe Agbetsitsi Wɔa Nuku\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NAMIBIA GBƆ\nYA FAFƐ nyui aɖe ŋutɔe ƒona le Namib Dzogbe si le Afrika ƒe anyieheɣetoɖoƒe afisia. Yame kɔ nyuie. Ne ɣea le dzedzem la, dzoxɔxɔa hã nu nɔa sesẽm ɖe edzi. Kekpowo kple kpekui siwo ya lɔna ɖe nu lae le afisia. Míaƒe nu ku esime míenɔ tsa ɖim le teƒea. Aŋgba dama gbogbo kawoe nye ema le afima ɖaa? Esi míete ɖe eŋu la, míekpɔe be numiemie siwo wɔ nuku wu le xexeame la dometɔ ɖekae nye esia míekpɔ—eyae nye Welwitschia mirabilis. Nyagbe evelia, mirabilis, si nye ŋkɔ si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ na numiemiea ƒe akpa aɖe la nye Latin nya si gɔmee nye \"nukunu.\"\nAngola kple Namibia dzogbewoe welwitschia nɔna koŋ. Woto vovo kura tso numiemie bubuwo gbɔ ale gbegbe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu wo be wole hatsotso aɖe si le etɔxɛ me eye wo ƒomevi bubu aɖeke megali o. Chris Bornman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Welwitschia—Paradox of a Parched Paradise me be: \"Le numiemie ƒomevi 375,000 aɖewo siwo amegbetɔwo nya dome la, numiemieŋutinunyalawo metsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃ tso numiemie aɖeke ŋu me alea gbegbe abe alesi wòle le Welwitschia gome ene o; eye hatsotso si me numiemie bubuwo le nyanya meɖe fu na ame abe alesi wòle le eya gome ene o.\"\nWelwitschia dzena abe aŋgba gbogbo aɖee le ati takpo aɖe ŋu ene, gake le nyateƒe me la, aŋgba eve koe le numiemiea ŋu. Aŋgba siawo vuvuna ne ya le ƒoƒom le dzogbea. Ŋkɔ aɖe si woyɔna nɛ le Afrika ye nye tweeblaarkanniedood, si gɔme le nyaa ŋutɔŋutɔ nue nye \"aŋgba eve mate ŋu aku o.\" Eye aleke gbegbee ŋkɔ sia sɔ nɛ enye esi! Le afisia la, yame xɔa dzo ɣeaɖewoɣi dea dzidzenu Celsius 40 le ŋkeke me, eye zã me hã ate ŋu afa ale gbegbe evɔ ati aɖeke meli alé ya sesẽ siwo ƒona la nu o. Togbɔ be numiemie akpa gãtɔ ƒe kee hea tsi si hiã na wo vanɛ hã la, mele nenema le welwitschia ya gome o. Tsi agbɔsɔsɔme si dzana le Namib le ƒe ɖeka me la medea milimeta 25 le mama dedie nu o, eye ƒe geɖe va yina si me tsi medzana kura o! Le nɔnɔme siawo me gɔ̃ hã la, welwitschia yia edzi nɔa tsitsim eye eƒe aŋgbawo gadaa ama. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu alesi wòte ŋu wɔna esiae ŋu ɣeyiɣi didi aɖe. Edze abe nusi gbɔe wòatso enye be welwitschia ƒe aŋgbawo noa afu si ƒuta ya siwo ƒona le dzogbea edziedzi le ŋdi me hena vɛ.\nWelwitschia ƒe aŋgbawo meduduna ne yeyewo nato ɖe wo teƒe o. Aŋgba eve siwo le edzi la koe yia edzi nɔa tsitsim le numiemiea ƒe agbe me katã. Esi womlo aŋgba ɖeka ɣeaɖeɣi la, wokpɔe be eƒe didime wu meta 8.8! Bu alesi wòanɔ ne welwitschia ƒe aŋgbawo meku alo ge le edzi o ŋu kpɔ! Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti magazine si nye Veld & Flora ɖe nu me be: \"Ne Welwitschia nɔ agbe ƒe 1,500 la, eƒe aŋgba ate ŋu adidi ade meta 225.\" Gake ɖe numiemie sia ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi nenema gbegbea? The World Book Multimedia Encyclopedia ɖee fia be: \"Welwitschia tsina vivivi eye zi geɖe la enɔa agbe xɔa tso ƒe 1,000 vaseɖe 2,000.\"\nEyata welwitschia ƒe agbetsitsi wɔ nuku vavã. Gake nukatae numiemie sia te ŋu nɔa agbe etɔxɛ ɣeyiɣi didi alea le dzogbe ƒe nɔnɔme sesẽ siawo gbegbe me? Godo la, ele be míatsɔ akpedadaa ana Wɔla, Nuwokatãnyala, Yehowa Mawu, amesi naa \"gbe miena . . . na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ.\"—Psalmo 104:14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040308\/E%C6%92e-Agbetsitsi-W%C9%94a-Nuku\/","date":"2024-04-20T18:19:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817670.11\/warc\/CC-MAIN-20240420153103-20240420183103-00821.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984508157,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984508156776428}","num_words":575,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðekakpui me Ŋusẽ Me Nɔnɔ Tegbee!\nMAGADIDI hafi ŋutsu aɖe si le Yesu xa la aku o. Eɖe kuku be: \"Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.\" Yesu ɖo eŋu nɛ be: 'Vavã mele egblɔm na wò egbea bena: Ànɔ Paradiso la me kplim.' (Luka 23:42, 43) Míenya ŋutsu sia ŋkɔ o, eye ele eme be menye dɔléle alo tsitsi tae wòle kukum ɖo o; hlɔ̃ aɖe si wòdo tae wole ewum ɖo. Ke hã, nɔnɔme wɔnublanui si me wònɔ la ate ŋu ade dzi ƒo na ame tsitsiwo.\nNe míede ŋugble le kakaɖedzi sẽŋu si nɔ ŋutsu ma si ŋu la, awɔ dɔ ɖe mía dzi godoo! Togbɔ be woklã Yesu ɖe ati ŋu le egbɔ, eye eya hã nɔ kukum hã la, kakaɖedzi nɔ ŋutsu ma si be Yesu ava nye Fia le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. Eƒe susu gblɔ nɛ hã be Yesu ava ɖo ŋku ye dzi gbeɖeka ahakpe ɖe ye ŋu. Wò ya bu eŋu kpɔ ko—woava fɔ ŋutsu ma si wobu fɔe la ɖe paradiso dzeani aɖe me, esime Yesu anye Fia!\nAmeƒomea le nɔnɔme aɖe si sɔ kple nuvɔ̃wɔla ma si nɔ kukum la tɔ me egbea. Alekee? Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, mí katã míele nuvɔ̃ ƒe tohehe xɔm, eye ehiã be woaxɔ na mí. (Romatɔwo 5:12) Abe alesi nuvlowɔla ma wɔe ene la, míate ŋu atrɔ ɖe Kristo Yesu ŋu hena mɔkpɔkpɔ—míate ŋu atrɔ ɖe eŋu be míakpɔ gbɔdzɔe tso kuxi sesẽ siwo me míetona le tsitsi me kura gɔ̃ hã me! Le nyateƒe me la, Yesu do agbe nɔnɔ tegbee ŋugbe na ameƒomea. Ɣemaɣi la, míade blibo le ŋutilã kple susu me le paradisonyigba dzi.—Yohanes 3:16, 36.\nWoawɔ Nuwo Katã Yeye na Tsitsiawo Kple Ðeviwo Siaa\nNe Kristo le fia ɖum la, \"dzi adzɔ [anyigbadzitɔwo katã] ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\" (Psalmo 37:11) Ame aɖeke magagblɔ be \"yele dɔ lém o.\" (Yesaya 33:24) Woaɖe nuwɔame ɖesiaɖe si me míanya to la ɖa, elabena ɣemaɣi la, \"xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.\" (Yesaya 35:6) Ðekakpui me ŋusẽ agaɖo ame tsitsiwo ŋu; \"[woagaɖo woƒe] ɖekakpuiŋkekewo me.\"—Hiob 33:25.\nMateo 9:35, 36; 15:30, 31; Marko 1:40-42) Eɖe nusi eƒe Fiaɖuƒea awɔ na amewo la fia wòdze ƒã. Yesu fɔ amesiwo ku la dometɔ gbogbo aɖewo ɖe tsitre gɔ̃ hã. (Luka 7:11-17; Yohanes 11:38-44) Eto esia wɔwɔ me na kakaɖedzi geɖe gava su amewo si be \"amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe\" abe alesi wòdo ŋugbe ene.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.Gake ɖe míate ŋu aka ɖe nusia dzia? Enyo, de ŋugble le amesi do Paradiso ŋugbe na ŋutsu si ɖo kudo nu la ŋu kpɔ. Amewo kplɔ atatututɔwo, xɔdrɔ̃wo, ŋkuagbãtɔwo kple tokunɔwo va Yesu gbɔe zi geɖe. Eda \"dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi\" mawo na wo. (\nBu eŋu kpɔ ko be wòe nye ma fɔ kple ŋutilã yeye le Paradiso aɖe me hekpɔ be yele nu kpɔm nyuie, yele xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ kple gbeɖiɖi viviwo sem, abɔ kple afɔwo megale ye vem o, eye yeƒe susu le ŋute bliboe! \"Ƒe, siwo ŋu nèle [gbɔgblɔm] le be, womedze ye ŋu o la\" nu va yi tegbee. (Nyagblɔla 12:1-7; Yesaya 35:5, 6) 'Woaɖe ku' kura gɔ̃ hã ɖa—'woamii tegbee.'—Korintotɔwo I, 15:26, 54.\nNe míetsɔ xexeame nudzɔdzɔwo sɔ kple Biblia ƒe nyagblɔɖiwo la, míakpɔe be eteƒe magadidi o tsitsi me kuxiwo nu ayi keŋkeŋ. (Mateo 24:7, 12, 14; Luka 21:11; Timoteo II, 3:1-5) Eteƒe madidi o ame tsitsi siwo katã xɔ Mawu dzi se eye wosubɔnɛ la agaɖo woƒe ɖekakpui me ŋusẽ me—gake fifia ya, yi ɖe mavɔmavɔ me!—g2\/06.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 27]\nNɔ Susua Zãm!\nAbe alesi ŋutilã me kamedede doa ŋusẽ lãmekawo ene la, susua zazã nana ahɔhɔ̃a wɔa dɔ nyuie. Be míado ŋusẽ ahɔhɔ̃a la, ehiã be míanɔ nu yeyewo wɔm. Mɔ siwo dzi míato ado ŋusẽ míaƒe ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ dometɔ aɖewo enye esiwo gbɔna.\n▪ Srɔ̃ nu yeyewo; ate ŋu anye ati alo aɖi dada, aɖaŋudɔwo abe kusi alo papa lɔlɔ ene kple bubuawo; àte ŋu asrɔ̃ gbe yeye aɖe hã.\n▪ De ha kple ame ƒomevi vovovowo; ɖo dze kpli wo be susua natrɔ ɖe nu yeyewo ŋu ahaɖa ɖe edzi.\n▪ Do vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. \"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.\"—Filipitɔwo 4:6, 7.\n▪ Xlẽ agbalẽ nyuiwo; ɖo dze tso nusiwo nèxlẽ ŋu na amewo.\n▪ Ðo ŋku nusiwo nèse le radio dzi alo kpɔ le television dzi be wò susu nayi edzi anɔ dɔ wɔm.\n▪ Ne ɖusi nèwɔna la, ekema zã miasi nàtsɔ asi television, azã telefon, alo aklɔ aɖui eye nenye miawɔla nènye la, zã ɖusi tsɔ wɔ woe.\n▪ Zã wò ŋku, wò to, wò aɖe, wò ŋɔti kple ŋutilã le ŋkeke bliboa me.\n▪ Bia modzakaɖeƒe siwo tsɔ ɖe mia gbɔ kple esiwo le didiƒewo ŋuti nyawo eye nàɖi tsa yi teƒe mawo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nYesu do ŋugbe be eteƒe madidi o, tsitsi me vevesesewo nu ayi, eye ɖekakpui me ŋusẽ axɔ ɖe eteƒe tegbee","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200604\/%C3%90ekakpui-me-%C5%8Aus%E1%BA%BD-Me-N%C9%94n%C9%94-Tegbee\/","date":"2024-04-23T17:50:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818732.46\/warc\/CC-MAIN-20240423162023-20240423192023-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973747134,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973747134208679}","num_words":832,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kluvimenɔnɔ—Kuxia Gakpɔtɔ Li\nÐE KLUVIMENƆNƆ megali oa? Ame akpa gãtɔ asusui nenema. Nya sia ɖoa ŋku ŋutasesẽ kple ameteteɖeanyi ƒe nɔnɔme dziŋɔwo dzi na ame. Ke hã le ame geɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, nɔnɔme mawo zu gbaɖegbe nyawo. Le kpɔɖeŋu me, amewo ƒe susu yia ƒe alafa siwo va yi me tɔdziʋu siwo wotsɔ ati kpa—si nye esiwo nɔa ɖiɖim kriɖikriɖi, siwo ƒe agbadeƒewo wotegea ame gbogbo aɖewo ɖo wotsina dzodzodzoe hemimina nukutɔe ɖe nɔnɔme nyɔŋu aɖe me la dzi.\nEle eme baa be tɔdziʋu mawo megatoa atsiaƒuwo dzi yina o eye nya siwo dzi wolɔ̃ ɖo le dukɔwo dome takpekpewo me xe mɔ ɖe kluvinyenye ma tɔgbe nu ya. Ke hã kluvimenɔnɔ nu meva yi o. Amegbetɔ ƒe gomenɔamesi habɔbɔ si nye Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye Ŋu bu akɔnta be ame miliɔn 200 gakpɔtɔ le kluvi ƒomevi aɖe me. Wowɔa dɔ le nɔnɔme siwo te ŋu dzia ŋɔ wu esiwo me kluvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa siwo va yi me la to. Le nyateƒe me la, numekula aɖewo ƒo nya ta be \"ame geɖewo le kluvi me egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me.\"\nEgbegbe kluvi siawo ƒe ŋutinya wɔa nublanui ŋutɔ. Ƒe ewo koe Kanji, * si kplɔa nyihawo gbesiagbe na eƒe aƒetɔ ŋutasẽla siwo ƒonɛ edziedzi la xɔ. Egblɔ be: \"Ne gbɔnye nyo la, mekpɔa abolo xoxoe aɖe ɖuna, gake ne mele alea o la ekema metsia dɔ ŋkeke bliboa katã. Womexe naneke nam kpɔ ɖe dɔ siwo mewɔna ta o elabena woƒe kluvi kple woƒe nue menye. . . . Ðevi siwo le abe nye ene fena kple ɖevi bubuwo, eye ne meku la anyo nam wu be manɔ agbefu sia dzi.\"\nZi geɖe la, egbeŋkekea me kluviwo nyea ɖeviwo kple nyɔnuwo abe alesi wòle le Kanji gome ene. Wokua kutri le anyigbakuntruwo wɔwɔ, mɔwo dodo, foŋfoŋ tsotso, alo gbolowɔwɔ gɔ̃hã me si menyea woƒe didi hafi o. Eye wote ŋu dzraa wo ɖe asi bɔbɔe abe dɔlar 10 gɔ̃ hã ene dzi. Ðevi aɖewo dzilawo ŋutɔwoe dzraa wo wozua kluviwo be woatsɔ axe wo ŋuti fe gbogbowoe.\nÐe nyatakaka siawo tɔgbe ble fu lãme na wòa? Menye wò ɖeka koe wòwɔna na nenema o. Agbalẽŋlɔla Kevin Bales gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Disposable People me be: \"Kluvimenɔnɔ nye ŋunyɔnu. Menye dɔ si ame aɖe wɔ la fifi koe wònye o; ke enye amea ƒe agbe blibo fifi.\" Esi amegbetɔ te ŋu sẽa ŋuta le nɔvia ŋu alea ɖe, ɖe susu aɖe li si ta míaxɔe ase be kluvimenɔnɔ ƒe kuxia nu ava yi gbaɖegbea? Biabia sia ka wò ŋutɔ wu alesi nàsusui gbã.\nMíava kpɔe be kluvinyenye ƒomeviwo li wu ɖeka. Eƒomevi vovovowoe li, eye wo dometɔ aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe amesiame dzi. Eyata ele be mí katã míanya nenye be ablɔɖe vavã ava su ameƒomea si gbaɖegbe. Gake gbã la, mina míadzro kluvisitsatsa ƒe ŋutinya me kpuie.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔe o.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]\nNyɔnu kple ɖevi dahewoe nyea amesiwo woléna kluviwoe tso gbaɖegbe ke\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nTop photo: UN PHOTO 148000\/Jean Pierre Laffont\nU.S. National Achive photo","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020708\/Kluvimen%C9%94n%C9%94-Kuxia-Gakp%C9%94t%C9%94-Li\/","date":"2024-04-16T15:04:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817095.3\/warc\/CC-MAIN-20240416124708-20240416154708-00081.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991043806,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999104380607605}","num_words":514,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kuxi Siwo Naa Ameƒomea Kpea Fu\n\"NUKATAE MAWU NUKATAE?\" Tanya mae dze gaglãa le nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe ƒe axa gbãtɔ le anyigbaʋuʋu gblẽnu aɖe si dzɔ le Asia Sue la vɔ megbe. Wota vifofo aɖe si tɔtɔ le susu me si kɔ vianyɔnu si xɔ abi do goe tso woƒe aƒe si gbã me.\nAʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔvɔ̃, kple dzɔdzɔmefɔkuwo he vevesese helĩhelĩ, aɖatsi manyagblɔ, kple ku gbogbo aɖewo vɛ. Tsɔ amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe, ɖevi siwo ŋu wosẽ ŋuta le, amesiwo ŋu wowɔ hlɔ̃nu bubuwo ɖo la ƒe fukpekpe kpee. Bu ame gbogbo siwo xɔa abi kple amesiwo kuna le ʋufɔkuwo me hã ŋu kpɔ. Eye ame biliɔn nanewo hã xaa nu vevie le dɔléle, tsitsi, kple woƒe ame veviwo ƒe ku ta.\nƑe alafa 20 lia to fukpekpe sesẽtɔ kekeake me wu ƒe alafa ɖesiaɖe. Tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918 me la, wowu asrafo siwo ƒe xexlẽme ade miliɔn ewo kloe le Xexemeʋa I me. Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be dumevi dzro siwo ade nenema hã tsi eme. Wowu asrafo kple dumevi dzro siwo anɔ miliɔn 50 le Xexemeʋa II lia me, amesiwo me nyɔnu, ɖevi, kple amegãɖeɖi wɔnamanɔŋuitɔwo hã le. Le ƒe alafa si va yi katã me la, ame miliɔn gbogbo bubuwo kpe fu le ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, dunyahehe ƒe tɔtrɔ kpatawo, dɔwuame, gbevovovodolawo dome ʋawo, kple ahedada si me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Historical Atlas of the Twentieth Century bu akɔnta be amesiwo wu miliɔn 180 ye ku le esi nudzɔdzɔ siawo nye \"vevesesedonu na amehawo\" ta.\nSpaintɔwo ƒe dzamezã wu ame miliɔn 20 le ƒe 1918\/19 me. Le ƒe 20 siwo va yi me la, AIDS dɔvɔ̃a wu amesiwo ade miliɔn 19, eye dɔlékui si naa AIDS la le amesiwo ade miliɔn 35 ŋu. Ðevi miliɔn geɖe dzilawo megali o—AIDS dɔvɔ̃ la wu wo. AIDS wua vidzĩ gbogbo aɖewo siwo xɔ dɔa le woƒe vidzidɔmenɔɣi.\nWogawɔa fu ɖeviwo le mɔ bubu geɖewo hã nu. Le ƒe 1995 ƒe nuwuwu, esi Englandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Manchester Guardian Weekly yɔ nya tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha ƒe nyatakaka me be: \"Wowu ɖevi miliɔn 2 le aʋa si wowɔ le ƒe ewo siwo va yi me, ɖevi miliɔn 4-5 zu nuwɔametɔwo, ɖevi miliɔn 12 zu aƒemanɔsitɔwo, esiwo wu miliɔn 1 zu tsyɔ̃eviwo alo wo kple wo dzilawo dome klã, eye wode abi ɖevi miliɔn 10 bubuwo ŋu vevie le susu me.\" Tsɔ fu miliɔn 40 va ɖo 50 siwo wobu be woɖena le xexeame katã—ƒe sia ƒe—kpee!\nNukae Etsɔme Ahe Vɛ?\nAme geɖe le vɔvɔ̃m na nusi ava dzɔ le etsɔme. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gblɔ be:\"Amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo. . . ate ŋu atrɔ anyigba ale gbegbe be magate ŋu alé agbe ɖe te abe alesi wòle fifia ene o.\" Wogagblɔ kpee be: \"Fifia gɔ̃ hã la, ame ɖeka le ame atɔ̃ ɖesiaɖe me da ahe kolikoli eye womekpɔa nusi woaɖu wòade wo nu o, eye nunyuimakpɔɖui gblẽa nu le ame ɖeka le ame ewo ɖesiaɖe me ŋu vevie.\" Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ xlɔ̃ nu \"ameƒomea le nusi le ŋgɔ gbɔna ŋu\" eye wogagblɔ kpee be: \"Ne míedi be míaxe mɔ ɖe ameƒomea ƒe fukpekpe gbogbo aɖe nu, eye nu nagagblẽ keŋkeŋ le míaƒe aƒe si nye anyigba sia dzi o la, ke ehiã be míawɔ tɔtrɔ gã aɖe le alesi míekpɔa anyigba sia kple nugbagbe siwo le edzi la ŋu.\"\nNukatae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye siawo gbegbe ŋu ɖo? Tame kae wòɖo be yeatsɔ ɖɔ nɔnɔmea ɖo? Ɣekaɣie wòaɖɔe ɖo?\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nEtame, bunɔwo ƒe keke: UN\/DPI Foto 186410C si P.S. Sudhakaran ɖe; titina, ɖevi dɔwuitɔwo: WHO\/OXFAM; ete, ŋutsu ɖiku: FAO foto\/B. Imevbore","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010515\/Kuxi-Siwo-Naa-Ame%C6%92omea-Kpea-Fu\/","date":"2024-04-14T15:45:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816879.72\/warc\/CC-MAIN-20240414130604-20240414160604-00599.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990015626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990015625953674}","num_words":585,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ne nyemenya nu si mawɔ o eye medo gbe ɖa la, mesena le ɖokuinye me be Mawu le nye axa dzi, elé nye asi eye wòle mɔ fiamem.\"—MARÍA.\n\"Kansa ɖe fu na srɔ̃nye ƒe wuietɔ̃ sɔŋ eye wòva ku mlɔeba. Meɖo ŋku edzi be medoa gbe ɖa na Mawu gbe sia gbe, eye mese le ɖokuinye me be enɔ to ɖom nya siwo gblɔm menɔ nɛ esi menɔ veve sem. Esia na nye dzi dze eme.\"—RAÚL.\n\"Gbedodoɖa nye nu nyui aɖe si Mawu na amegbetɔwo.\"—ARNE.\nLe María, Raúl, Arne kple ame geɖe gome la, gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ aɖe. Wokpɔe be yewoate ŋu ato gbedodoɖa dzi aƒo nu na Mawu, ada akpe nɛ eye yewoabia eƒe kpekpeɖeŋu. Woxɔe se bliboe be nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa na Mawu ŋu la nye nyateƒe be: \"Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.\"—1 Yohanes 5:14.\nGake esesẽna na ame bubuwo ya be woaxɔ nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu dzi ase. Steve gblɔ ale si wòse le eɖokui me tso gbedodoɖa ŋu. Egblɔ be: \"Esi mexɔ ƒe wuiadrea, afɔku dzɔ ɖe xɔ̃nye etɔ̃ aɖewo dzi woku. Ame ɖeka ku le ʋufɔku me, eye atsiaƒu lé eve susɔeawo.\" Nu kae Steve wɔ? Egblɔ be: \"Medo gbe ɖana Mawu biae be wòagblɔ nu si tae nu siawo katã dzɔ la nam, gake meɖo eŋu nam o. Ta mebia ɖokuinye be, 'Ðe wòhiã be maganɔ gbe dom ɖa?'\" Ame geɖe se le wo ɖokui me be Mawu meɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu o, eya ta megahiã be yewoanɔ gbe dom ɖa o.\nSusu bubuwo hã li siwo tae ame aɖewo se le wo ɖokui me be mehiã be yewoado gbe ɖa o. Ame aɖewo gblɔna be esi wònye Mawu nya nuwo katã taa, enya míaƒe hiahiãwo kple kuxiwo xoxo, eya ta mehiã be míagagblɔ wo nɛ o.\nAme aɖewo hã xɔe se be ɖe Mawu gbe yewoƒe gbedodoɖawo sese le vodada siwo yewowɔ va yi la ta. Jenny gblɔ be: \"Nye kuxi gãtɔe nye be mesena le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Mewɔ nu gbegblẽ aɖewo va yi, ta megblɔna na ɖokuinye be nyemedze be Mawu nase nye gbedodoɖawo o.\"\nAleke nèsena le ɖokuiwò me tso gbedodoɖa ŋu? Ne èse le ɖokuiwò me abe ame siawo dometɔ aɖe ene kpɔa, ke Biblia ate ŋu ana nàkpɔ ŋuɖoɖo fakɔname siwo ana wò dzi nadze eme. Míate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu la dzi. * Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiasewo abe:\n-\nÐe Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo ŋutɔŋutɔa?\n-\nNu ka tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o?\n-\nAleke nàdo gbe ɖa be Mawu nasee?\n-\nAleke gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi na wòe?\n^ mm. 9 Woŋlɔ Yesu Kristo kple mawusubɔla bubu geɖe ƒe gbedodoɖawo ɖe Biblia me. Gbedodoɖa siwo wu 150 ye woŋlɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2021-jan-feb\/nya-siwo-amewo-gbl%C9%94na-tso-gbedodo%C9%96a-%C5%8Bu\/","date":"2024-04-19T03:42:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817253.5\/warc\/CC-MAIN-20240419013002-20240419043002-00035.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998105824,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981058239936829}","num_words":491,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wallpaper akɔntabubumɔ̃ si me fesrewo kple ʋɔtruwo hã le\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le mita me\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nX - Xɔa ƒe didime\nY - kekeme\nH - Kᴐkᴐme\nWX - Fesre ƒe Kekeme\nWY - Fesre ƒe kɔkɔme\nDX - Ʋɔtrua ƒe kekeme\nDY - ʋɔtrua ƒe kɔkɔme\nL - wallpaper roll ƒe didime\nW - Roll ƒe Kekeme\nR - Kpɔɖeŋu gbugbɔgawɔ (rapport)\nZ - Margin na leveling\nF - ʋuʋu wallpaper ƒe kpɔɖeŋu\nAkɔntabubu le gli siwo woatsɔ abla xɔ aɖee ƒe xexlẽme ŋu.\nGliwo ƒe lolome nyanya, ne wobu ʋɔtruwo kple fesrewo ŋu.\nAkɔntabubu le xɔa ƒe golɔgoewo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/wallpaper\/","date":"2024-04-23T02:35:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818452.78\/warc\/CC-MAIN-20240423002028-20240423032028-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999684095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999968409538269}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Oo Gbedodoɖasela, gbɔwòe ame ƒomeviwo katã ava.\"\n\"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.\"\n\"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\"\n\"[Mawu] mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.\"\n\"Nu si medoa gbe ɖa bianae nye be, miaƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi geɖe wu le sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo me.\"\n\"Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.\"\n\"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nu vɔ̃ wɔlawo, eye mikɔ miaƒe dziwo ŋu, mi dzimevesusulawo.\"\n\"Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-ate-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2024-04-24T15:52:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296819668.74\/warc\/CC-MAIN-20240424143432-20240424173432-00469.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960778952,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960778951644897}","num_words":158,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Zi geɖe la, anukwaremaɖimaɖi vi aɖe koe kpɔa nɔnɔme sesẽ aɖewo gbɔ.\"—Samantha, si le South Africa.\nÈlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi abe Samantha ke ene. Ale si míewɔa nu ne anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔwo dze ŋgɔ mí la tea ŋu ɖea nu si le vevie na mí la fiana. Le kpɔɖeŋu me, ne asaƒoƒo na ŋukpeɖuɖu ye le vevie na mí wu la, ɖewohĩ míabu anukwaremaɖimaɖi be enye viɖenu. Gake ne míeɖi anukware o eye nyateƒea va dze mlɔeba la, zi geɖe la, emetsonuawo menyona kura o. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.\nANUKWAREMAÐIMAÐI NANA WOMEKANA ÐE AME DZI O\nKaka ɖe ame nɔewo dzi ye nana kadodo nyui nɔa ame eve dome. Ne amewo ka ɖe wo nɔewo dzi alea la, wokpɔnɛ be yewole dedie eye woɖea dzi ɖi. Gake kakaɖeamedzi mevana le eɖokui si o. Nuwɔwɔ ɖekae edziedzi, dzeɖoɖo anukwaretɔe kple kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe ye nana amewo va kana ɖe wo nɔewo dzi. Gake anukwaremaɖimaɖinuwɔna ɖeka pɛ ate ŋu awɔe be womagaka ɖe mía dzi o. Eye ne edzɔ alea la, ate ŋu asesẽ ŋutɔ hafi woagava ka ɖe mía dzi ake.\nÐe ame aɖe si nèbuna xɔ̃wò vevi la flu wò kpɔa? Ne esia dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, aleke nèse le ɖokuiwò me? Anɔ eme godoo be ete ɖe dziwò vevie, àkpɔe gɔ̃ hã be enye nuteƒemawɔmawɔ. Esɔ be nàse le ɖokuiwò me nenema. Ðikeke mele eme o be anukwaremaɖimaɖi ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃ veviwo dome.\nAKPATƆGBƆNƆLA MESEA AKPA DZENA O\nNumekuku aɖe, si Robert Innes, si nye nufialagã le California ƒe Yunivɛsiti wɔ la ɖee fia be \"anukwaremaɖimaɖi kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi.\" Eya ta woate ŋu atsɔ anukwaremaɖimaɖi asɔ kple dɔxɔleameŋuzi ale si nèle ha dem kple ame aɖe si nye anukwaremaɖila la, zi nenemae wòle bɔbɔe be nàva zu anukwaremaɖila.\nAleke nàwɔ be anukwaremaɖimaɖi ƒe mɔ̃ nagaɖe wò o? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Míade dzi ƒo na wò be nàde ŋugble le Biblia me mɔfiame ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2016\/anukwarema%C9%96ima%C9%96i-me-tsonuwo\/","date":"2024-04-19T22:03:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817455.17\/warc\/CC-MAIN-20240419203449-20240419233449-00013.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990290403,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990290403366089}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Taɖodzinuwo kple Sewo\nMIAFE EƲENYIGBA\nTAƉODZINU EWO (10) SI LE MIASI LA\n- - Mí eʋevi akuaku siwo ƒoƒu ɖe habɔbɔ si dzi míeda ŋkɔ ɖo bena: \"mí-eʋeland \" la, míedo dzesie bena anyo ne Eʋefiagã kple sɔẽtɔwo katãa ƒoƒu eye wowɔ ɖeka le Eʋenyigba la dzi kple Eʋedukɔmeviwo ɖe Eʋeduawo katã ƒe ŋgɔyiyi, kple dedienɔnɔ ta. Dzideƒo ŋu vevie wɔanye na mí Eʋeviwo katã. Míedo dzesie hã be esia ƒe mawɔmawɔ ahe Eʋedukɔa kple Eʋeviwo ɖe megbe. Anyo ne Eʋefiawo ɖo kpe edzi vevie be Eʋeviwo ƒe dzidzì nanye nu así matɔe. Eʋevia ɖeke ƒe agbe matyɔ̃ le Eʋefia ɖeke ƒe ŋutasesẽ ta o, ke boŋ woƒe ta ʋeʋli anye yewo ƒe dɔdeasí gbãtɔ. \"mí-eʋeland gɔmee nye eʋenyigba. \"\n- - Eʋevi ɖesiaɖe dzi ablɔɖe, ŋutifafa kple vovome le Eʋefiawo ƒe kpɔkplɔ te, ɖe woƒe aʋa sesẽ si woawɔ la ta. Elabena nenemae wònɔ namí Eʋeawo tso blema le Togbui kple Mamã vovovowo nɔɣi vaseɖe ɣeɣiɣi sime veklẽɖoɖo amedome ƒe game va sũ le ƒe akpe-ɖeka-alafa-enyi-bla-enyi-vɔ-ene ( 1884 ) me.\n- - Habɔbɔ sia mi-eʋeland ƒe dzi dzíe nye: a -) ƒuƒoƒo eʋevi nyɔnuwo kple eʋevi ŋutsuwo le agbɔsɔsɔ gãa ɖe me. b -) nugɔmeɖeɖe nawo le aɖikadodo amenɔvi si nele dukɔ kple dukɔwo dome; si nele amegbetɔ ƒomevi vovovowo dome le egbe ƒe ŋkekeawo me le xexeame godoo. d -) numeɖeɖe sia nye nyanyanana Eʋeviwo be ne woadze si woɖokuiwo le vevie dodo nu, dɔwɔwɔ, kutrikuku, ameɖokui búbú, sidzedze Eʋeynigba kple amenɔvi eʋevi ƒe ta ʋeʋli vevie me.\n- - Eʋevi geɖewo le ɖoɖo wɔm eye míeɖoe vevie be miadze Eʋedzukɔa tsotso gɔme tso Eʋedu vovovowo si le Eʋeyigba katã dzi. Ɖoɖo sia atɔ egɔme tso amugã tɔsisi la ŋu vaseɖe mɔnɔ tɔsisi la ŋu. Esia mawɔmawɔ ana be Eʋenyigba abu eƒe nɔnɔme blibo eye ne esia bu ko la, Eʋeawo hã wole woƒe eʋevinyenye bu ge kuraa.\n- - Eʋegbe xexle kple eƒe ŋɔŋlɔ̃ nye míaƒe taɖodzinu veviewo dometɔ ɖeka. Míle mɔnukpɔkpɔ vevie sia ɖoge na eʋevi ɖesiaɖe alebena woateŋ kpɔ gome le eʋegbe sɔsrɔ̃, eʋegbe xexle kple eʋegbe ŋɔŋlɔ̃ ŋu abe alesi lododoa gblɔe bena: \" Xegbee xe dona \" ene. Mɔnukpɔkpɔ sia avaeme godoo.\n- - Míaƒo ŋu tso eʋeme nusiwo nye ʋuƒoƒowo, hadzidziwo kple ɣeɖuɖu vovowo katã alo nusiwo nye ɖaɖa nu kple glotutu nu na Eʋeawo le eʋenyigba blibo la dzi. Tsɔyi edzia, míaƒoŋ hã tso bùbùdede Eʋenyigba kple dzinuwo katã ŋu abe: \"avewo, atsiwo, tɔwó, lã vovovo siwo le Eʋenyigba dzi.\n- - Eʋevi ɖesiaɖe dze na bubu. Amegbetɔ ƒomevi ɖesiaɖe dzea agbagba be yeade bubu yeɖokui ŋu eye yeade bubu yehaviwo ŋu. Eʋevi ɖesiaɖe nado dzesie be eƒe kesinɔnyenye nu wonye. Kesinɔ nudidi, ga alo hotsui didi mɔnu yiyivɔa ɖeke ma he ku, dɔlele alo amedome gbegble vae ne ame ƒomevia ɖeke o. Srɔɖeɖe le ŋutsu kple nyɔnu dome nye nu veviea ɖe tso blema vadze mía dzi le egbe ƒe ŋkekeawo me. Bubudede Eʋeawo ƒe srɔɖeɖe si le ŋutsu kple nyɔnu dome la nye ŋu tso blema ke.\n- - Mi-eʋeland si gɔme nyebe: miaɖenyigba, nye Habɔbɔ le ɖokuisi. Menye dunyagblɔha o eye dunyagblɔha ɖeke mekpɔ mɔ aƒoŋ le eƒe ŋkɔ me alo azã efe ŋkɔ le goa ɖeke me o, negbe Eʋefiagãwo ko esia ɖe mɔ na. Ame ɖeke mazã efe ŋkɔ o.\n- - Xɔse kple subɔsubɔ nye dzɔdzɔmeŋ na amegbetɔ ƒomevi ɖesiaɖe eye le to sia to me. Nenemae wonye na Eʋeawo hã tso blema ke vade asi ne egbe. Mi-eʋeland le esia ŋuti dɔ wɔm kple Hunɔwo alo Osofowo eye le amenɔvi bubu kple dzesi tɔhɛ aɖe me. Ame aɖe ƒe xɔse manye fewuɖuɖu ne ame bubua ɖeke o, elebena Eʋeawo nye subusubu vovovotɔwo.\n- -","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/86-e-e-fomeviwo\/fomevi-ta-odzinu-kple-sewo\/82-ta-odzinuwo-kple-sewo?tmpl=component&lang=ee-TG","date":"2017-11-24T13:15:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00443.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989518523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":13,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989518523216248}","num_words":579,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo tu Takpexɔ nyakpɔ aɖe ɖe Amazon-vewo me. Anyigba agbleka 128 si dzi wotu takpexɔa ɖo le Manaus, si nye du aɖe le Brazil ƒe dziehe me la ƒe akpa gãtɔ nye avewo sɔŋ. Xevi dɔlɔbɔ nyakpɔ vovovowo nɔa xɔxlɔ̃m le Braziltɔwo ƒe ati nyakpɔ siwo woyɔna be cupuaçu kple ati bubuwo tame. Nu ka tae wònye afi siae woatu Takpexɔa ɖo?\nManaus-du si didi tso Amazon-tɔsisia ƒe azizã nu gbɔ abe kilometa 1,450 ene la me tɔwo ade ame miliɔn eve kloe. Ðasefo 7,000 siwo le Manaus kple eƒe nutowo me kpakple esiwo le Amazon-tɔsisia ƒe nutowo me la woe azã takpexɔ yeye sia. Du si le didiƒe wue nye São Gabriel da Cachoeira, ele Manaus ƒe ɣetoɖoƒe eye wòdidi tso takpekpewɔƒea gbɔ kilometa 800 kple edzivɔwo. Ðasefo aɖewo nɔa tɔdziʋu me ŋkeke etɔ̃ hafi tea ŋu vaa takpekpe le afi sia!\nTakpexɔ sia tutu le Amazon ƒe nuto sia me menye dɔ fenu kura o. Ehiã be woalɔ xɔtunu gago 13 kple meli tso Santos habɔ si le São Paulo ato Brazil ƒuta ava ɖo Amazon Tɔsisia nu hafi alɔ wo ayi dɔa wɔƒe.\nTakpekpewɔƒe yeye siae nye takpexɔ 27 lia si wotu le Brazil. Ame 1,956 ye de takpexɔa nu ʋuʋu ƒe wɔnawo teƒe le Kwasiɖa, May 4, 2014. Dzi dzɔ vavalawo dometɔ geɖe wu gbɔgblɔ, elabe emae nye zi gbãtɔ wode takpekpe le takpexɔ me.\nVavalawo te ŋu se nuƒolawo ƒe nyawo eye wote ŋu kpɔ wo hã. Esia nye tɔtrɔ dodzidzɔname aɖe. Elabe tsã la, wowɔa takpekpewo le dutoƒo afi siwo vavala akpa gãtɔ metea ŋu kpɔa nuƒolanɔƒea kaka woahayi nuƒolawo kpɔ ge o. Ðasefo aɖe gblɔ be, \"Mede takpekpe ƒe geɖe, gake nyemete ŋu kpɔ Biblia ƒe drama wɔlawo ŋutɔ kpɔ o; ɖeko mesea woƒe gbe.\" Fifia ame sia ame tea ŋu kpɔa nuƒolanɔƒea nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/takpex%C9%94-yeye-%C9%96e-amazon-vewo-me\/","date":"2017-12-14T06:33:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948541253.29\/warc\/CC-MAIN-20171214055056-20171214075056-00128.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999563396,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995633959770203}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ne ame bubuwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, mekpena ɖe wo ŋu hedea dzi ƒo na wo. Gake ame ʋɛ aɖewoe koe nya be ne meyi aƒe me la, menɔa xɔ me hefaa avi.\"\n—Kellie.\n\"Ne melé blanui la, meɖea ɖokuinye ɖe aga. Ne wokpem na wɔna aɖe la, medoa taflatsɛ. Metea ŋu ɣlaa nye blanuilélea ale gbegbe be ƒonyemetɔwo menyana kura be melé blanui o. Wosusuna be meli nyuie.\"\n—Rick.\nÐe wò hã nèsena le ɖokuiwò me abe Kellie alo Rick enea? Ne alea wòle le gowòme la, mègatsi dzi nàƒo nya ta be nane le gbegblẽm le ye ŋu o. Nya lae nye be, ame sia ame léa blanui tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Nuteƒewɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me gɔ̃ hã lé blanui.—1 Samuel 1:6-8; Psalmo 35:14.\nLe nɔnɔme aɖewo me la, ɖewohĩ ànya nu si tae yelé blanui ɖo, gake le nɔnɔme bubuwo me la anɔ eme be mànya o. Anna si xɔ ƒe 19 gblɔ be: \"Menye nya sesẽ koe dzɔna ɖe ame dzi hafi woléa blanui o. Blanuiléle ate ŋu ava le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, ne mèle kuxi aɖeke me tom o gɔ̃ hã. Màse egɔme o, gake edzɔna!\"\nNu ka kee na nèlé blanui o, nu kae nàte ŋu awɔ, ne edze abe mènya nu si gbɔ wòtso gɔ̃ hã o ene? Te mɔnu siwo gbɔna la kpɔ:\nƑo nu tso eŋu. Esi Hiob ɖo nɔnɔme sesẽwo me la, egblɔ be: \"Maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.\"—Hiob 10:1.\nKellie: Gbɔdzɔe si mekpɔna ne meƒo nu tso eŋu na ame bubu la mele gbɔgblɔ me o. Mlɔeba la, mesena le ɖokuinye me be ame aɖe nya nu si me tom mele. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, woate ŋu aɖiɖi ka nam ahahem do goe le blanuiléle ƒe ʋe globo ma me!\nŊlɔ nu tso eŋu. Ne blanuiléle na mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò le agbe me la, anyo be nàŋlɔ nu siwo va susu me na wò la ɖe pepa dzi. David ŋlɔ nu tso ale si wòlé blanui vevie la ŋu le psalmo siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la me. (Psalmo 6:7) Ne èŋlɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me da ɖi la, akpe ɖe ŋuwò nàlé \"nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe.\"—Lododowo 3:21.\nHeather: Nye seselelãmewo ŋɔŋlɔ ɖi nana be megbugbɔ ɖoa nu siwo blanuiléle tsɔ do agba ɖe susu me nam la ɖe ɖoɖo nu. Ne àte ŋu aŋlɔ wò seselelãmewo ɖi ahagbugbɔ wo aɖo ɖe ɖoɖo nu le susu me la, ke blanuilélea makpe dziwò fũu o.\nDo gbe ɖa tso eŋu. Biblia gblɔ be ne èdo gbe ɖa tso nu siwo le fu ɖem na wò ŋu la, 'Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu.'—Filipitɔwo 4:6, 7.\nEsther: Menɔ agbagba dzem be manya nu si tae meléa blanui vevie ɖo la, gake nyemete ŋui o. Mebia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye manɔ dzidzɔ kpɔm. Ne naneke medzɔ o ko melé blanui la, etena ɖe dzinye vevie. Mlɔeba la, meva ɖu blanuiléle sia dzi. Mègabu vi si gbedodoɖa ɖena la nu tsɛ kura o!\nAɖaŋuɖoɖo: Srɔ̃ ale si nàdo gbe ɖa na Yehowa to ŋugbledede le Psalmo 139:23, 24 me nyawo ŋu me. Gblɔ wò dzimenyawo nɛ eye nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si nana nèléa blanui.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, nu xɔasiwo le Mawu ƒe Nya, Biblia me siwo akpe ɖe ŋuwò. Ne èna nya tuameɖo siwo le Biblia me la xɔ susu me na wò la, akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wò seselelãme dzi.—Psalmo 1:1-3.\nNe blanuilélea xɔ zikpui ɖe gbɔwò\nAƒetɔvi aɖe si woyɔ be Ryan gblɔ be: \"Mesena le ɖokuinye me be anyo nam be mayi edzi anɔ anyimlɔƒe wu be mafɔ le aba dzi agadze ŋgɔ ŋkeke manyataleŋu bubu.\" Blanuiléle si gbɔ ɖɔktawo ko ate ŋu akpɔ ye nɔ fu ɖem na Ryan, eye menye eya ɖeka koe le nɔnɔme sia me o. Numekukuwo ɖee fia be blanuiléle si nu sẽ alo esi nu mesẽ o ɖea fu na sɔhɛ ɖeka le ene ɖe sia ɖe me hafi wòva zua ame tsitsi.\nAleke nàwɔ anya be blanuiléledɔ lém ye le? Dzesi siwo nàkpɔ la dometɔ aɖewoe nye ne wò seselelãme alo nuwɔna trɔna zi ɖeka kpata, èɖea ɖokuiwò ɖe aga, ne nuwɔna ɖe sia ɖe kloe megale fu tsɔm le lã me na wò o, nu meganya le ɖuɖum na wò alo mègate ŋu le alɔ̃ dɔm o, èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o alo èbua fɔ ɖokuiwò madzemadzee.\nNyateƒee, seselelãme siawo dometɔ ɖeka alo esi wu nenema ɖe fu na mía dometɔ ɖe sia ɖe kloe kpɔ. Gake ne seselelãme sia nu gbe tsotso kwasiɖa geɖe la, ɖe manyo be nàƒo nu tso eŋu na dziwòlawo be woakplɔ wò ayi kɔdzi ne woado wò kpɔ oa? Ðɔktawo ate ŋu ade dzesii nenye blanuiléledɔ lém nèle.\nNe blanuiléledɔ lém nèle la, mehiã be ŋu nakpe wò o. Esi wowɔ atike na ame siwo lé blanuiléledɔ sia tɔgbi la, woƒe lã me sẽ, eye woanya kpɔ gbɔdzɔe si tɔgbi womegakpɔ kpɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye ema o. Eɖanye blanuilélee na nèle sesem le ɖokuiwò me nenema alo nu bubu aɖee o, ɖo ŋku nya fakɔname siwo le Psalmo 34:19 la dzi. Afi ma gblɔ be: \"Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/dzudz%C9%94-blanuil%C3%A9le\/","date":"2017-12-17T23:50:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948599156.77\/warc\/CC-MAIN-20171217230057-20171218012057-00104.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979247451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979247450828552}","num_words":891,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AUSTRALIATƆWO ƒe akpɔkplɔ ƒomevi aɖe si wosusu be enu yi keŋkeŋ le keke ƒe 2002 me ke la, ƒe viƒoƒo wɔ moya ŋutɔ. Akpɔkplɔnɔa mia azi siwo wòɖa la eye wonɔa eƒe dɔ me abe kwasiɖa ade ene. Aziawo ƒona le dɔa me hezua akpɔkplɔ keŋ hafi doa go tso eƒe nu me.\nBe akpɔkplɔnɔ sia ƒe dɔgbo magatu aziawo o la, edzudzɔa nuɖuɖu eye veve megadzana ɖe eƒe dɔgbo me hã o. Eme kɔ ƒãa be aziawo kple akpɔkplɔviawo ƒe lãmetsi aɖewoe xea mɔ na vevea be magadza o.\nAkpɔkplɔnɔa mia azi siwo ade 24. Kaka eƒe vidziɣi naɖo la, akpɔkplɔvi siwo katã le eƒe dɔ me la ƒe kpekpeme dea akpɔkplɔnɔa ƒe kpekpeme ƒe afã kloe. Esia le ko abe nyɔnu aɖe si ƒe kpekpeme nye kilogram 68 do ŋgɔ na eƒe fufɔfɔ. Esi wòfɔ fu la, vi 24 ye le dɔ me nɛ eye ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilogram 1.8! Ale si akpɔkplɔviawo sɔ gbɔ le wo dada ƒe dɔ me la nana eƒe ƒodo vuna gblotoo ale gbegbe be eƒe dzitodzito miana henana gbɔgbɔ zua dɔ nɛ eye esia wɔnɛ be wògbɔna to eƒe ŋutigbalẽ me.\nZi geɖe la, akpɔkplɔviawo dona le eƒe nu me ne wotsi le ŋkeke aɖewo megbe. Ke ne wo dada kpɔ be afɔku aɖe gbɔna la, etua wo to eƒe nu me. Gbe ɖeka la, numekulawo ke ɖe akpɔkplɔnɔ aɖe ŋu wòtu akpɔkplɔvi ade zi ɖeka eye woyi yame abe meta ɖeka ene.\nKe hã, ame aɖewo gblɔna be ɖe akpɔkplɔ ƒomevi sia ƒe viƒoƒo alo vidzidzi mɔnu sia dzɔ le eɖokui si. Ne ele nenema la, ke ele be tɔtrɔ ɖedzesiwo nava le eƒe agbenɔnɔ kple eƒe wɔwɔme ŋu zi ɖeka kpata. Dzɔdzɔmeŋutinunyala kple nɔnɔmetɔtrɔfiala Michael J. Tyler gblɔ be: \"Mate ŋu adzɔ be akpɔkplɔ sia ƒe viƒoƒo alo vidzidzi mɔnu nanɔ tɔtrɔm vivivi kaka ava zu abe ale si míenyae egbea ene o. Ele be eƒe viƒomɔnu sia nadzɔ kple akpɔkplɔa tso gɔmedzedzea ne menye nenem o la, ke manya wɔ kura o.\" Aƒetɔ Tyler yi edzi be numeɖeɖe ɖeka si me susu lee nye be viƒoƒomɔnu sia le akpɔkplɔa ŋu 'tso eƒe dzɔdzɔme ke.' Esia tae ame aɖewo ƒoa nya ta be ɖe wowɔe. *\nNu kae nèsusu? Ðe ale si akpɔkplɔ sia ƒoa vi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?\n^ mm. 7 Charles Darwin gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: 'Ðe dzɔdzɔmenuwo nɔa tɔtrɔm vivivi, womate ŋu atrɔ zi ɖeka kpata o.'—Origin of Species.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201407\/akp%C9%94kpl%C9%94-%C6%92omevi-a%C9%96e\/","date":"2017-12-14T08:57:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948542031.37\/warc\/CC-MAIN-20171214074533-20171214094533-00688.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996502459,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965024590492249}","num_words":406,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Memleɖa, October 5 kple 6, 2013 la, ame 1,413,676 siwo nye dukɔ 21 me tɔwo kpɔ gome le Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 129 lia me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe le kwasiɖanuwuwu ma ke la, wogaɖe wɔnaa na Ðasefo geɖewo wokpɔ. Esia wɔe be ame siwo katã kpɔ gome le wɔnaa me ƒe agbɔsɔsɔ va le ame 1,413,676 le dukɔ 31 me. Ƒe sia me ƒe kpekpe siae nye gãtɔ kekeake si Yehowa Ðasefowo wɔ kpɔ, ame siwo kpɔ gome le eme sɔ gbɔ wu ame 1,327,704 siwo kpɔ wɔna tɔxɛ aɖe le Mexico kple Titina Amerika le April 28, 2013.\nTso ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la, Yehowa Ðasefowo toa telefon-kadodowo kple radiodɔwɔƒe geɖewo dzi nana ame siwo ƒo ƒu le takpekpewɔƒe bubuwo le duta nɔa woƒe takpekpeawo me nyawo sem enumake. Gake egbea internet va wɔe be takpekpevala siwo le teƒe saɖeagawo gɔ̃ hã tea ŋu sea takpekpeawo me nyawo hekpɔa wɔnawo enumake alo le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe. Yehowa Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye William, si le United States (États-Unis), de takpekpe aɖe le Richmond, Virginia le ƒe 1942 me eye wòse takpekpea me nyawo to telefon-kadodo dzi. Esi wòtsɔ mɔ si dzi wòto se takpekpewɔna ma sɔ kple ƒe sia me ƒe ƒe sia ƒe takpekpe ƒe wɔnawo la, egblɔ be: \"Esi menɔ wɔna kpɔm tẽe taa, mesrɔ̃ nu geɖewo wu. Esia nyo wu sãsãsã.\"\nAme siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ geɖe nɔ dɔ wɔm tso internetikadodo sia ŋu ƒe ɖeka kple ɣleti aɖewo eye wozã gaƒoƒo akpe geɖewo. Le kwasiɖanuwuwu si amewo akpɔ gome le takpekpea me to internetikadodowo dzi la, mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo nɔ xɔ aɖe me le Brooklyn le New York nɔ internetikadodoa dzi kpɔm eye ame aɖe nɔa afi ma le ɣeyiɣi siwo katã me woɖe takpekpewɔna le teƒe siwo ƒe game to vovo na wo nɔewo gaƒoƒo 15 me. Ryan si hã wɔ dɔ tso internetikadodoa ŋu eye wònɔ mɔ̃a gbɔ be yeakpɔ egbɔ be nu sia nu yi edzi nyuie la gblɔ be: \"Alɔ̃ tsi mía ŋu, gake míebui vevie o elabe míenyae be ele vi ɖe ge na ame gbogbo aɖewo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/w%C9%94na-internetikadodowo\/","date":"2017-12-18T05:31:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948608836.84\/warc\/CC-MAIN-20171218044514-20171218070514-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984015822,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984015822410583}","num_words":349,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na míasrɔ̃ nu tso ɖekakpui aɖe si na nyruia tsi agbe la ŋu. Ðekakpui sia nye apostolo Paulo ƒe nyruiyɔvi. Míenya ɖekakpui sia ƒe ŋkɔ o, gake míenya be ewɔ nu vɔvɔ̃manɔmee. Àdi be yease nu si wòwɔa?—\nWode Paulo gaxɔ me le Yerusalem. Wolée elabena enɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu. Ame vɔ̃ɖi aɖewo lé fu Paulo, eye woɖo susu vɔ̃ ɖe eŋu. Wogblɔ be: 'Mina míagblɔ na aʋafiagã la be wòana eƒe asrafowo nakplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃ƒea. Míabe ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo va yina la, míawui!'\nPaulo ƒe nyruiyɔvia se susu vɔ̃ si amewo ɖo ɖe nyruia ŋu. Nu kae wòwɔ? Eyi Paulo gbɔ le gaxɔa me eye wògblɔe nɛ be amewo ɖoe be yewoawui. Paulo gblɔ nɛ be neyi aʋafiagã gbɔ zi ɖeka ne wòagblɔ susu vɔ̃ si amewo ɖo la nɛ. Èsusu be ènɔ bɔbɔe na Paulo ƒe nyruiyɔvia be wòagblɔ nya sia na aʋafiagã la?— Ao, elabe amegãe ŋutsu sia nye. Gake vɔvɔ̃ meɖo Paulo ƒe nyruiyɔvia o. Egblɔ nya la na aʋafiagã la.\nAʋafiagã la nya nu si tututu wòawɔ. Eɖe asrafo siwo ade 500 kloe be woadzɔ Paulo ŋu! Egblɔ na wo be woakplɔ Paulo ayi Kaisarea le zã ma me. Ðe wokpɔ Paulo ƒe agbe ta?— Ɛ̃, ame vɔ̃ɖiawo mete ŋu wui o! Woƒe susu vɔ̃a medze edzi na wo o.\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?— Paulo ƒe nyruiyɔvia mevɔ̃ o, wò hã àte ŋu awɔ nu abe eya ke ene. Ne míele Yehowa ƒe nya gblɔm na amewo la, mele be míavɔ̃ o. Ðe nàyi edzi agblɔ Yehowa ƒe nya na amewo vɔvɔ̃manɔmea?— Ne èwɔe nenema la, àte ŋu ana ame aɖe natsi agbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/paulo-%C6%92e-nyruiy%C9%94vi-mev%C9%94%CC%83-o\/","date":"2017-12-18T05:32:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948608836.84\/warc\/CC-MAIN-20171218044514-20171218070514-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9934793711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9934793710708618}","num_words":279,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI dzɔdzɔmeŋutinunyalawo di vevie be yewoaɖe dzodonu tudzudzɔwo zazã dzi kpɔtɔ ta la, wole asi trɔm le mɔ̃ siwo wotsɔ xɔa ɣe ƒe keklẽ la ŋu be woadzi ŋusẽ sia xɔxɔ ɖe edzi wu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe gblɔ be, \"kuxi sia gbɔ kpɔnu anya nɔ . . . míaƒe ŋkume pɛe.\"\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Be kpakpaluʋuiwo nalé dzodzo na wo ɖokuiwo le vuvɔŋɔli la, wokekea woƒe aʋalawo me ɖe ŋdɔgbe. Kpakpaluʋui ƒomevi aɖe ya tea ŋu xɔa ɣe ƒe keklẽ si nu sẽ helénɛ ɖi gɔ̃ hã. Nu si gbɔ wòtsona be nudzodzoevi sia tea ŋu wɔa nu siae nye ale si eƒe aʋala ŋuti le yibɔ kple ale si nane siwo le abe tsro wluiwluiwlui siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi ene hã le eŋu. Do wluiwluiwlui siwo le abe anyixe ene le wo ŋu eye nanewo le abe nuŋlɔdzesi V si wotsyɔ anyi siwo le wo nɔewo ŋu la nana ɣe ƒe keklẽa ɖoa do siawo me. Esia wɔnɛ be kpakpaluʋui tea ŋu xɔa ɣea ƒe keklẽ si nana eƒe aʋalawo nyɔna tsiɖitsiɖi henana dzoxɔxɔ si nu sẽ la ɖoa kpakpaluʋuia me.\nAgbalẽ si nye Science Daily gblɔ be: \"Wobua kpakpaluʋui ƒe aʋalawo be wonye dzɔdzɔmenuwɔwɔ siwo dome tea ŋu gblẽna bɔbɔe wu la dometɔ ɖeka, gake numekulawo srɔ̃ nu vevi aɖe tso kpakpaluʋui ƒe aʋala ƒe dɔwɔwɔa me si akpe ɖe wo ŋu woato mɔɖaŋunu yeye aɖe vɛ si ana woazã tsi kple ɣe ƒe keklẽ atsɔ adzi haidrodzin-ya, si wobuna be megblẽa nu boo tso nutoa me ŋu o la, ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi teƒe eve.\" Nu bubu si woagate ŋu ato mɔnu sia dzi awɔe nye nukpɔmɔ̃wo kple elektrik-namɔ̃ siwo zãa ɣe ƒe keklẽ.\nNu kae nèsusu? Ðe kpakpaluʋui ƒe aʋala si xɔa ɣe ƒe keklẽ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201408\/kpakpalu%CA%8Bui-%C6%92e-a%CA%8Bala-si-x%C9%94a-%C9%A3e-%C6%92e-kekl%E1%BA%BD\/","date":"2017-12-12T02:00:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00718.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975446463,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975446462631226}","num_words":298,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 31 va se ɖe September 27, 2015 la le tata sia me.\nNu ɖekae gbɔgbɔmeparadisoa kple gbɔgbɔmegbedoxɔa nyea? \"Paradiso\" kae Paulo kpɔ le ŋutega me le \"dziƒo etɔ̃lia\"?\nGbedeasi kae Mawu ƒe amewo aɖe gbeƒãe le xaxa gã la me? Nu kae woawɔ na amesiaminawo ɣemaɣi?\nAleke Kristotɔ amla eɖokui be wòanɔ Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe?\nAleke míalé be na míaƒe tadeaguƒewoe? Afi kae míekpɔa ga le tsɔ tua Fiaɖuƒe Akpatawo alo tsɔ dzraa nu siwo gblẽ le wo ŋu ɖo?\nAGBEMEŊUTINYA\nAnthony Morris III, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ, ƒe agbemeŋutinya xexlẽ ado dzidzɔ na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150715\/","date":"2017-12-12T02:10:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00718.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969976544,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969976544380188}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ne ame sia ame wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, aleke nèsusu be xexea me anɔ?\nMawunyakpukpui: Heb 13:18\nNya Si Nàgblɔ: Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖi anukware le nu sia nu me. Eya ta ele be míaɖi anukware le míaƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Nya sia ŋue Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso.\nGBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)\nNyabiase: Medi be makpɔ wò susu le nyabiase sia ŋu. [Xlẽ nyabiase gbãtɔ.] Ame aɖewo xɔe se be ne ame ku la, eyia edzi nɔa agbe le nɔnɔme bubu aɖe me, gake ame aɖewo hã ka ɖe edzi be ku nye nu sia nu ƒe nuwuwu. Nu kae nye wò susu?\nMawunyakpukpui: Nyg 9:5\nNya Si Nàgblɔ: Nyati sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu. Àdi be yeaxlẽe ne míava dzro eme emegbea?\nNYA NYUI SI TSO MAWU GBƆ!\nNya Si Nàgblɔ: Meva be magblɔ Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo aɖe ŋu nya na wò. Agbalẽ gbadza sia fia afi si nàte ŋu akpɔ nyabiase veviwo ƒe ŋuɖoɖowo le le wò ŋutɔ wò Biblia me.\nNyabiase: Èxlẽ Biblia kpɔa? Na mafia ale si nusɔsrɔ̃ siwo le agbalẽ sia me akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia la wò. [Midzro nusɔsrɔ̃ evelia ƒe nyabiase gbãtɔ me.]\nMawunyakpukpui: Nyɖ 4:11\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2016-mwb\/gbeadzi-%C6%92e-dze%C9%96onyawo\/","date":"2017-12-18T03:28:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00214.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989862442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989862442016602}","num_words":227,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke viwòwo awɔ asrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawue?\nViwòwo alɔ̃ asrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawue ne woka ɖe edzi be Mawu li, eye be elɔ̃ yewo. Ele be woanya Mawu hafi ate ŋu alɔ̃e. (1 Yohanes 4:8) Le kpɔɖeŋu me, ele be woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo: Nu ka tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ míekpea fu? Nu kae Mawu awɔ na amegbetɔwo le etsɔme?\nAleke nàwɔ aɖo viwòwo ƒe dzi gbɔ?\nŊusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu. (Hebritɔwo 4:12) Eya ta kpe ɖe viwòwo ŋu woanya gɔmedzenufiafiawo. Be Yesu naɖo eƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ la, ebiaa nya wo eye wòɖea Ŋɔŋlɔawo me na wo. Eya ta be nàɖo viwòwo ƒe dzi gbɔ la, ele be nàfia nu wo ale si Yesu wɔe.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia me ŋutinya siwo ɖe ale si Mawu wɔa nu kple amewoe fia la akpe ɖe ɖeviwo ŋu woanya Mawu ahalɔ̃e. Wotrɔ asi le agbalẽ si akpe ɖe ɖeviwo ŋu woaɖo taɖodzinu sia gbɔ hedae ɖe www.jw.org\/ee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141201\/fia-nu-%C9%96eviwo-ku-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-17T12:20:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595858.79\/warc\/CC-MAIN-20171217113308-20171217135308-00390.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980019331,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980019330978394}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gianni kple Maurizio nye xɔlɔ̃wo ƒe 50 ye nye esia. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣi la, esusɔ vie woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me gblẽ. Maurizio gblɔ be: \"Esi menɔ ɣeyiɣi sesẽ aɖe me tom la, meɖe afɔ aɖewo siwo mesɔ kura o, si wɔe be mía dome megava nɔ vivim o.\" Gianni hã gblɔ be: \"Maurizio ye nye ame si srɔ̃ Biblia kplim. Enye ame si ŋu metena ɖo wòɖoa aɖaŋu nam. Eya ta, esesẽ nam ŋutɔ be maxɔe ase be eyae wɔ nu ma gbegbe. Dzi ɖe le ƒonye ŋutɔ, elabena ate ŋu adzɔ be míaganye xɔlɔ̃wo azɔ o. Ðeko mese le ɖokuinye me be ame aɖeke megale asinye o.\"\nASIXƆXƆ gã le xɔlɔ̃ vavãwo ŋu, eye xɔlɔ̃ nyui mesua ame si agbagba madzemadzee o. Ne xɔlɔ̃wo dome le gbegblẽm la, nu kae woate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu? Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ame aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me, siwo nye xɔlɔ̃ nyuiwo gake emegbe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me di be yeagblẽ la gbɔ.\nNE XƆ̃WÒ AÐE WƆ NU GBEGBLẼ\nXɔlɔ̃ nyuiwo nɔ alẽkplɔla David, si va zu fia emegbe la si. Ðewohĩ wò susu ayi David xɔlɔ̃ Yonatan dzi. (1 Sam. 18:1) Gake xɔlɔ̃ bubuwo hã nɔ David si. Wo dometɔ ɖekae nye nyagblɔɖila Natan. Biblia megblɔ ɣeyiɣi si me wova zu xɔlɔ̃wo o. Ke hã, gbe ɖeka David ɖe nya aɖe dzi na Natan, abe ale si ko nàgblɔ wò dzimenya aɖe na xɔ̃wò ene. David ɖoe be yeatu gbedoxɔ na Yehowa. Edze kɔtɛ be esi Natan nye David xɔlɔ̃ kple ame si dzi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le ta la, fia la dea asixɔxɔ eƒe susuwo ŋu.—2 Sam. 7:2, 3.\nGake nane va dzɔ si na wo dome gblẽ kloe. Fia David wɔ ahasi kple Bat-Seba, eye emegbe ena wowu nyɔnua srɔ̃ Uriya. (2 Sam. 11:2-21) David wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe geɖe eye wòtsoa afia dzɔdzɔe. Gake eyae nye ma va wɔ nu vɔ̃ gã ma! Aleke wòdzɔe be fia nyui ma wɔ nu ma gbegbe? Ðe mekpɔe be nu vɔ̃ gã aɖee nye ema wɔm yenɔ oa? Ðe wòsusu be yeate ŋu aɣla nu si yewɔ la ɖe Mawua?\nNu kae Natan awɔ? Ðe wòanɔ mɔ kpɔm be ame bubu aɖe ahe fia la ƒe susu ayi nu si wòwɔ dzia? Enɔ nyanya na ame bubuwo hã be David ye na wowu Uriya. Eya ta, nu ka tae Natan ade nu nyaa me, evɔ esia ate ŋu awɔe be woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ nyuia me nagblẽ? Azɔ hã, nuƒoƒo tso nya sia ŋu ate ŋu ana Natan ƒe agbe naɖo afɔku me gɔ̃ hã, elabena David na wowu Uriya si meɖi fɔ aɖeke o.\nKe hã, Mawu ƒe nyanuɖela ye Natan nye. Nyagblɔɖilaa nyae nyuie be ne yezi kpi la, ye kple David dome kadodoa maganɔ nyui o, eye ye ŋutɔ hã yeƒe dzitsinya aɖe fu na ye. Nu si exɔlɔ̃a David wɔ la medze Yehowa ŋu kura o. Ehiã vevie ŋutɔ be David nadzra eya kple Yehowa dome ɖo. Ɛ̃, xɔlɔ̃ vavãe David hiã ɣemaɣi. Xɔlɔ̃ ma tɔgbi ye Natan nye na David. Nuƒoƒo tso nya sia ŋu asesẽ, eya ta Natan wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ana eƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe David, si nye alẽkplɔla tsã la dzi. Natan gblɔ Mawu ƒe gbedeasia na David, ke hã etrɔ asi le eƒe nyawo ŋu le mɔ aɖe nu be wòana David nakpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a nye ŋkubiãnyae eye wòaɖɔ eƒe mɔwo ɖo.—2 Sam. 12:1-14.\nNu kae nàwɔ ne xɔ̃wò aɖe da vo gã aɖe alo wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya? Ðewohĩ awɔ na wò be ne yehe eƒe susu yi nu gbegblẽ si wòwɔ dzi la, esia ana miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me nagblẽ. Alo ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ne yegblɔ nu vɔ̃ si wòwɔ ŋu nya na hamemetsitsi siwo ate ŋu ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋui la, ke efia be mèwɔ nuteƒe na xɔ̃wòa o. Nu kae nàwɔ?\nGianni, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: \"Mede dzesii be nane menɔ yiyim nyuie o. Maurizio megate ŋu nɔ tetem ɖe ŋunye abe tsã ene o. Eya ta, metso nya me be nye ŋutɔ mate ɖe eŋu, togbɔ be esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o hã. Mebia ɖokuinye be: 'Nya kae mate ŋu agblɔ nɛ si menya xoxo o? Ðewohĩ akpɔ dziku!' Gake esi meɖo ŋku nu siwo míesrɔ̃ va yi dzi la, dzi ɖo ƒonye be maƒo nu kplii. Maurizio hã tsɔ ɖe le eme nam alea va yi esime mehiã kpekpeɖeŋu. Menye ɖe medi be mía kplii dome nagblẽ o, ke boŋ ɖe medi be makpe ɖe eŋu, elabe metsɔ ɖe le eme nɛ.\"\nMaurizio gblɔ be: \"Ale si nyaa le lae Gianni gblɔ, eye egblɔe ɖe eteƒe. Menya be nu gbegblẽ siwo mewɔ la me tsonuwo metso Gianni gbɔ o, eye metso Yehowa gbɔ hã o. Eya ta, melɔ̃ xɔ tohehea, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mehaya le gbɔgbɔ me.\"\nNE NANE DZƆ ÐE XƆ̃WÒ AÐE DZI\nXɔlɔ̃ bubuwo nɔ David si siwo nɔ eŋu nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi sesẽwo me. Wo dometɔ ɖekae nye Husai, ame si ŋu Biblia gblɔ le be enye \"David xɔlɔ̃.\" (2 Sam. 16:16; 1 Kron. 27:33) Anɔ eme be ewɔa dɔ le fiasãa me, eye wònye David xɔlɔ̃ kple eŋumewo dometɔ ɖeka si David dea dɔ vevi siwo nye nya ɣaɣlawo la asi na.\nEsi David vi Absalom dze agbagba be yeaxɔ fiazikpuia le fofoa si la, Israel-vi geɖe wɔ ɖeka kplii, gake menɔ alea le Husai ya gome o. Esi David nɔ sisim la, Husai yi egbɔ. Ete ɖe David dzi ŋutɔ be ye ŋutɔ ye vi tsi tsitre ɖe ye ŋu alea eye ame bubu siwo dzi yeka ɖo hã de edzi. Ke hã, Husai yi edzi wɔ nuteƒe na David eye wòlɔ̃ faa be yeade yeƒe agbe afɔku me ale be yeatsɔ dɔ aɖe si awɔe be woagblẽ aglãdzelaawo ƒe nugbeɖoɖoa me. Menye esi Husai nye fiaŋume ta koe wòyi dɔa gbe o. Ke esi wònye xɔlɔ̃ vavã tae.—2 Sam. 15:13-17, 32-37; 16:15–17:16.\nEnyea dzidzɔ na mí egbea be ɖekawɔwɔ sẽŋu le nɔviwo dome, metsɔ le agbanɔamedzi siwo le wo dzi le hamea me la me o. Nɔnɔme siwo woɖena fiana le ko abe ɖe wole gbɔgblɔm be, \"Menye esi wòle be manye xɔ̃wò tae míenye xɔlɔ̃wo ɖo o, ke esi nèle vevie nam tae\" ene.\nEsia dze ƒãa le nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Federico gome. Exɔlɔ̃ vevi Antonio kpe ɖe eŋu esime wònɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. Federico gblɔ be: \"Esi Antonio ʋu va míaƒe hamea me la, eteƒe medidi hafi míezu xɔlɔ̃wo o. Mí ame evea siaa míenye subɔsubɔdɔwɔlawo, eye dzi nɔ mía dzɔm be míenɔ dɔ wɔm ɖekae. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, eva zu hamemetsitsi. Tsɔ kpe ɖe ale si míenye xɔlɔ̃wo ŋu la, eganye ame si ɖoa kpɔɖeŋu nyui nam.\" Emegbe Federico ɖe afɔ gbegblẽ aɖe. Enumake, eyi hamemetsitsiwo gbɔ be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ye, gake megadze anye mɔɖela alo subɔsubɔdɔwɔla o. Aleke Antonio wɔ nu ɖe eŋu?\nFederico gblɔ be: \"Mekpɔe be Antonio se veve ɖe nunye. Edze agbagba wɔ etɔ sinua de dzi ƒo nam. Edi vevie be mahaya le gbɔgbɔ me eye megblẽm ɖi gbeɖe o. Ede dzi ƒo nam be madze agbagba agasẽ ŋu le gbɔgbɔ me eye nyemagana ta o.\" Antonio hã gblɔ be: \"Meva nɔ Federico ŋu kplikplikpli wu tsã. Medi be wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòagblɔ nu siwo te ɖe edzi kple nu sia nu si le dzi me nɛ la nam faa.\" Dzidzɔtɔe la, Federico gasẽ ŋu le gbɔgbɔ me eye wògazu mɔɖela kple subɔsubɔdɔwɔla le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Antonio ƒo nyaa ta be: \"Togbɔ be menye hame ɖeka mee míele fifia o hã la, tsi metoa mía dome o.\"\nÐE NÀLÉ DZIKU ÐE DƆMEA?\nAleke nàse le ɖokuiwò me ne xɔ̃wò aɖe gblẽ wò ɖi le ɣeyiɣi si nèhiã eƒe kpekpeɖeŋu wu la me? Zi geɖe la, esia vena ŋutɔ. Ðe nàte ŋu atsɔe ake xɔ̃wòa? Ðe mia kplii dome ate ŋu agava nɔ kplikplikpli abe tsã enea?\nBu nu si dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe anyigbadzinɔɣi ƒe ŋkeke mamlɛawo me ŋu kpɔ. Zi geɖe la, Yesu kple eƒe apostoloawo koe zɔna eye wo kplii dome nɔ kplikplikpli. Esɔ be Yesu yɔ wo be ye xɔlɔ̃wo. (Yoh. 15:15) Gake nu kae dzɔ esi amewo va lé Yesu? Apostoloawo si. Petro ƒu asi akɔ be yemagblẽ yeƒe Aƒetɔ la ɖi gbeɖe o, gake le zã ma ke me la, Petro gbe nu le Yesu gbɔ!—Mat. 26:31-33, 56, 69-75.\nYesu nyae be ne dodokpɔ mamlɛa va ye dzi la, ye ɖeka koe adze ŋgɔe. Ke hã, etɔ dzɔ be wòase le eɖokui me be wogblẽ ye ɖi, alo wòate ɖe edzi gɔ̃ hã. Gake le dze si wòɖo kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋkeke ʋɛ aɖewo le eƒe tsitretsitsi megbe me la, naneke meɖee fia be nu si wowɔ la vee, alo ete ɖe edzi, alo elé wo ɖe dɔme o. Yesu mekpɔe be ehiã be yeaƒo nu tso yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe vodadawo ŋu o, eye meƒo nu tso ale si wogblẽe ɖi le zã si me wolée la ŋu hã o.\nKe boŋ, Yesu de dzi ƒo na Petro kple apostolo bubuawo. Ena mɔfiame wo ku ɖe nufiafiadɔ vevitɔ si woawɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la ŋu tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yegaka ɖe wo dzi kokoko. Yesu gakpɔtɔ bu apostoloawo be wonye ye xɔlɔ̃wo. Ale si gbegbe wòlɔ̃ woe la wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Eya ta, woawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yewomagawɔ nu ɖe yewoƒe Aƒetɔ la ŋu nenema azɔ o. Eye le nyateƒe me hã, eƒe nusrɔ̃lawo te ŋu wɔ dɔ si wòde wo si la de goe.—Dɔw. 1:8; Kol. 1:23.\nNɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Elvira la ɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si masɔmasɔ ɖo eya kple exɔlɔ̃ vevi si nye Giuliana dome la dzi. Egblɔ be: \"Esi wògblɔ nam be nu si mewɔ la ve ye la, ete ɖe dzinye ŋutɔ. Etɔ dzɔ be wòado dziku. Gake nu si wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye be, nu gbegblẽ si ate ŋu ado tso nye nuwɔnaa me kple nye ŋutɔ nye nyonyo ŋue wòtsi dzi ɖo. Metsɔ susu ɖo nu si mewɔ ɖe eŋu la dzi o, ke boŋ nu si nye nuwɔnaa agblẽ le nye ŋutɔ ŋunye boŋ ŋue wòtsi dzi ɖo. Nyemaŋlɔ esia be gbeɖe o. Meda akpe na Yehowa be xɔlɔ̃ nyui sia le asinye. Metsɔ susu ɖo eƒe seselelãme ŋu o, ke boŋ nye nyonyoe nɔ vevie nɛ wu.\"\nEya ta, aleke xɔlɔ̃ nyui awɔ nui ne woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me di be yeagblẽ? Alɔ̃ aƒo nu tso kuxia ŋu faa ne ehiã, eye awɔe ameŋububutɔe. Xɔlɔ̃ ma ƒomevi anɔ abe Natan kple Husai, siwo yi edzi wɔ nuteƒe na wo xɔlɔ̃ le ɣeyiɣi sesẽwo me la ene; eye anɔ abe Yesu, si lɔ̃ faa tsɔ exɔlɔ̃awo ƒe vodada ke wo la ene. Xɔlɔ̃ sia tɔgbie nènyea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2017\/nye-x%C9%94l%C9%94%CC%83-nyui-x%C9%94l%C9%94%CC%83w%C9%94w%C9%94a-me-be-yeagbl%E1%BA%BD\/","date":"2017-12-18T15:44:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948617816.91\/warc\/CC-MAIN-20171218141805-20171218163805-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978471398,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978471398353577}","num_words":1783,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nIsrael\nWatchtower Association of Israel, RA\nPO Box 29345\n61293 TEL AVIV\nISRAEL\n+972 3-5164039\n+972 54-5681911 (Media inquiries)\nDɔwɔɣiwo\nKwasiɖa va se ɖe Yawoɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/israel\/","date":"2017-12-15T14:43:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948572676.65\/warc\/CC-MAIN-20171215133912-20171215155912-00788.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998236299,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998236298561096}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.296,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔvinyewo Ewɔ vie nye me ga se mìa ŋkɔwo kpɔ o. Alekee mìefɔ nyuia ? Mìaƒe Ewenyigba tso Togo yiɖe Volta me (Ghana) le kuɣi geɖewo me le teƒe eve siawo me. Alekee mìkpɔ bena míateŋu ɖɔ kuɣi siawo ɖoe ? wòezɔ ! Kplɔɖo Nyanuɖoɖowo Ɖe xoxoawo fia tutugbã̀ Ɖe yeyeawo fia tutugbã̀ Nɔ yome nɛ kple E-mail Nyanuɖoɖoa ɖeke meli o Tetrẽ̀wo Do dzidzɔnatɔwo Ɖo hame hafi aŋlɔ̃̀ nuɖoɖo Ɖokuiɖeɖefia Ŋkɔ Mɔɖenyati Geɖe eme Dom dzesi emegbe Hameɖoɖo Ɖee èbu Mɔɖenyati la ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo\/270-n-vinyewo","date":"2017-12-15T00:32:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948551501.53\/warc\/CC-MAIN-20171215001700-20171215021700-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9895260334,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9895260334014893, \"ajg_Latn_score\": 0.010474408976733685}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.15,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.981,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1950\nDUKƆ SI ME WÒTSO: SPAIN\nAME SI WÒNYE TSÃ: NYƆNU SAÐEAGAXƆMENƆLA\nNYE ŊUTINYA:\nEsime wodzim la, dzinyelawo nɔ agble sue aɖe dzi le kɔƒenuto aɖe me le Galicia, le Spain ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Mí ame anyi ye wodzi, eye nyee nye enelia. Ƒome kpɔdzidzɔ aɖe mee míenɔ. Ɣemaɣi la, enye nu si bɔ le Spain be ame ɖeka teti le ƒomea me naɖu fada alo sista. Míaƒe ƒomea me tɔ etɔ̃ ye ɖe afɔ sia.\nEsi mexɔ ƒe 13 la, meyi ɖanɔ saɖeagaxɔ si me nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ nɔ la me le Madrid. Ðeko teƒea nɔ yaa, dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ afi ma o. Xɔlɔ̃wɔwɔ kple dzidzɔdonameɖokui ƒe ɖoɖo aɖeke meli o, nu siwo ŋu míetsia dzi ɖo koe nye gbedodoɖa kple sedziwɔwɔ. Le ŋdi kanya la, míeƒoa ƒu ɖe gbedoxɔa me hena ŋugblemeyiyi, gake zi geɖe la, nyemedea ŋugble le naneke ŋu o. Eyome míedzia sɔlemehawo hewɔa Misa. Latingbe mee míewɔa nu siawo katã le. Nyemesea naneke gɔme o. Ðeko wòwɔ nam abe ɖe Mawu le adzɔge ʋĩi tso gbɔnye ene. Míeɖoa dze gobi aɖeke hã o. Ne mía kple nɔvinyenyɔnua míedo go la, nya si míegblɔna na mía nɔewo koe nye, \"Woakafu Maria kɔkɔe.\" Gaƒoƒo afã koe woɖea mɔ na mí be míatsɔ aɖo dze le nuɖuɖu vɔ megbe. Aleke gbegbe agbea to vovo sãa na ale si menɔa dzidzɔ kpɔm le aƒee nye esi! Mese le ɖokuinye me be metsi akogo eye mefaa avi zi geɖe.\nTogbɔ be nyemese le ɖokuinye me kpɔ be mía kple Mawu dome le kplikplikpli o hã, meɖe adzɔgbe zu sista esime mexɔ ƒe 17. Medze agbagba wɔ nu si wodi tso asinye, gake esia megbe kpuie ko la, meva nɔ ɖokuinye biam be Mawue yɔm vavã hã. Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo gblɔna be ame siwo kea ɖi alea la ayi dzo mavɔ me! Ke hã, meganɔ ɖi kem kokoko. Menyae be Yesu Kristo meɖe eɖokui ɖe aga o, ke boŋ edo vevie nufiafia kple kpekpeɖeŋunana amewo. (Mateo 4:23-25) Esi mexɔ ƒe 20 la, nyemegakpɔ susu aɖeke si tae mayi edzi anye sista o. Nukutɔe la, nyɔnu si nɔ mía nu la gblɔ nam be ne ɖikeke le menye la, ke anyo be madzo kaba boŋ. Ewɔ nam be esi wònɔ vɔvɔ̃m be mava ɖe dzi le ame bubuwo ƒo tae. Eya ta medzo le saɖeagaxɔa me.\nEsi metrɔ yi aƒe la, dzinyelawo se nu gɔme nam ŋutɔ. Gake esi wònye be dɔ menɔ kɔƒea me mawɔ o ta la, meʋu yi ɖatsi nɔvinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka gbɔ le Germany. Enɔ Spaintɔ siwo le duta la ƒe Kɔmiunist habɔbɔ aɖe me. Ame siawo siwo ʋlia nyɔnuwo kple dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ta la dome nɔnɔ dze eme nam. Eya ta meva zu Kɔmiunisttɔ eye meɖe habɔbɔa me tɔ ɖeka. Mesusui be menɔ nu si ŋu viɖe le wɔm, memaa Kɔmiunisttɔwo ƒe agbalẽwo hekpɔa gome le gbɔlɔlɔwo me.\nKe hã, dzi gava ɖe le ƒonye. Mekpɔe be zi geɖe la, Kɔmiunisttɔwo ŋutɔwo hã menɔa agbe ɖe nya siwo wogblɔna la nu o. Nye dziɖeleameƒoa nu gava sẽ ɖe edzi le ƒe 1971 me esi sɔhɛ siwo le míaƒe habɔbɔa me la dometɔ aɖewo yi ɖatɔ dzo Spain ƒe Dziɖuɖuteƒenɔla ƒe dɔwɔƒe si nɔ Frankfurt la. Wowɔ esia be yewoatsɔ aɖee afia be yewomekpɔ ŋudzedze ɖe nu madzɔmadzɔ siwo nɔ edzi yim le Spain ƒe ŋutasẽdziɖuɖua te la ŋu o. Gake mekpɔe be mɔ si dzi woto ɖe woƒe dzikua fiae la mesɔ o.\nEsi míedzi mía vi gbãtɔ la, megblɔ na srɔ̃nye be madzudzɔ Kɔmiunisttɔwo ƒe kpekpewo dede. Esi medzudzɔ la, meva tsi akogo, le esi xɔ̃nye Kɔmiunisttɔ aɖeke meva srã mía kple vidzĩa kpɔ o ta. Mede ŋugble tso tameɖoɖo si le agbea ŋu la ŋu. Ðe viɖe aɖe le agbagba siwo katã dzem menɔ be mana nuwo nanyo ɖe edzi na amewo la ŋua?\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nLe ƒe 1976 me la, Ðasefo eve siwo nye Spaintɔwo la va mía ƒe me eye wona Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewom. Esi wogatrɔ va la, mebia nya geɖe wo ku ɖe fukpekpe, vovototodedeameme kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu. Ewɔ nuku nam be wotsɔ Biblia ɖo nye biabiawo katã ŋu nam! Melɔ̃ enumake be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim.\nLe gɔmedzedzea la, nu yeye siwo srɔ̃m menɔ la koe nɔ vevie nam. Gake nuwo va trɔ esi mía kple srɔ̃nye míedze kpekpewo dede gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Vi evee nɔ mía si ɣemaɣi. Ðasefoawo va kɔa mí yia kpekpeawo eye woléa be na mía viwo ne kpekpea le edzi yim. Ðasefowo ƒe nu va lé dzi nam.\nKe hã meganɔ ɖi kem kokoko le mawusubɔsubɔnyawo ŋu. Meyi ɖasrã ƒonyemetɔwo kpɔ le Spain. Tɔnyeɖia, si nye nunɔla la dze agbagba be yeaɖe dzi le ƒonye ne madzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Gake Ðasefo siwo nɔ nutoa me la de dzi ƒo nam ŋutɔ. Wotsɔ Biblia ɖo nye biabiawo ŋu nam abe ale si ko Ðasefo siwo le Germany la hã wɔe ene. Meɖoe kplikpaa be mayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi ne metrɔ yi Germany. Togbɔ be srɔ̃nye dzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ hã la, nye ya meyi edzi. Le ƒe 1978 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nBiblia me nyateƒe si mesrɔ̃ la fia mɔm le agbe me eye w��na taɖodzinu le nye agbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, 1 Petro 3:1-4 de dzi ƒo na srɔ̃nyɔnuwo be 'woabɔbɔ wo ɖokui' na wo srɔ̃wo le \"bubu deto\" me, eye 'gbɔgbɔ fatu si ŋu asixɔxɔ gã le le Mawu ŋkume' la nanɔ wo si. Mɔfiame mawo kpe ɖe ŋunye mezu srɔ̃nyɔnu kple vidada nyui.\nƑe 35 ye nye esi va yi tso esime mezu Ðasefo. Dzi le dzɔyem be mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo subɔa Mawu la dome eye be vinye atɔ̃awo dometɔ ene hã ɖe afɔ sia ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140401\/biblia-biabiawo-se%C9%96eagax%C9%94men%C9%94la-k%C9%94miunistt%C9%94\/","date":"2018-01-18T08:10:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00328.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991779327,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991779327392578}","num_words":949,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TIMOTEO le afɔ ɖem kakaɖedzitɔe le mɔa dzi le tetem ɖa le aƒe ŋu, eye wòle mɔ kpɔm na nu siwo le ŋgɔ la vevie. Eƒe zɔhɛawo dze eŋgɔ esi wole agblemɔ siwo Timoteo nya nyuie la dzi yina. Wole Listra ɖem ɖe megbe vivivi; du sia le togbɛ sue aɖe dzi, le bali me. Timoteo ko alɔgbɔnu esi eƒe susu yi dadaa kple mamaa dzi esime wonɔ hedenyuie dom nɛ. Ekpɔe be togbɔ be yeƒe dzodzoa nye dada na wo hã la, wolé wo ɖokuiwo be yewomagafa avi o. Ðe wòaganyè kɔ aʋuʋu asi na wo zi mamlɛtɔa?\nSẽe kple sẽe la, apostolo Paulo trɔna kpɔa Timoteo hekoa alɔgbɔnu ɖee tsɔ dea dzi ƒo nɛ. Enyae be ŋu gakpena Timoteo vie kokoko, si dzi wòle be wòaɖu. Ke hã dzi dzɔe ɖe ɖekakpuia ŋu le dzo si le eme ta. Timoteo metsi boo o, ɖewohĩ esusɔ vie wòaxɔ ƒe blaeve alo etsi to eŋu vie, eye elɔ̃ Paulo hedea bubu eŋu ŋutɔ. Fifia Timoteo le ŋutsu wɔnuteƒe sia si me dzo le ale gbegbe la ŋu wole mɔzɔzɔ si akplɔ wo ayi didiƒe ʋĩi tso aƒe gbɔ agbadroƒe alafa geɖe la dzi. Woazɔ afɔ, woaɖo tɔdziʋu, eye woaɖo afɔku me zi geɖe le mɔa dzi. Timoteo menya gɔ̃ hã nenye be yeagagbɔ va aƒe gbe ɖeka o.\nNu kae ʋã ɖekakpuia wòɖe afɔ sia? Viɖe kawoe wòakpɔ si tae wòlɔ̃ faa be yeato kuxi mawo gbegbe me? Eye aleke Timoteo ƒe xɔse ate ŋu atu míaƒe xɔse ɖoe?\n\"TSO ÐEVIME KEE\"\nNa míatrɔ ayi megbemegbe ƒe eve alo etɔ̃ aɖewo le Timoteo ƒe agbe me le Listra, eye míatsɔe be afi mae nye wo de, abe ale si wòdze ƒãa ene. Listra nye kɔƒedu sue tsoabo aɖe si le bali si me tsi bɔ ɖo la me. Anɔ eme be dua me tɔwo se Helagbe, gake wogadoa woawo ŋutɔwo degbe si nye Likaoniagbe. Gbe ɖeka, zi tɔ le dua me. Kristotɔ dutanyanyuigblɔla eve siwo nye, apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ, Barnaba, wotso Ikonio dugã si medidi tso Listra gbɔ o la va. Esi wonɔ gbeƒã ɖem le dutoƒo la, Paulo kpɔ ŋutsu aɖe si nye tekunɔ le ameawo dome eye wòde dzesii be xɔse vavã le esi. Eya ta Paulo da gbe le ŋutsua ŋu nukutɔe!—Dɔwɔwɔwo 14:5-10.\nEdze ƒãa be Listratɔ geɖewo xɔ wo gbɔ xotutu si nye be mawuwo trɔ wo ɖokuiwo zu amegbetɔwo va nutoa me le blema la dzi se. Eya ta wobui vodadatɔe be Paulo ye nye Hermes, eye Barnaba ye nye Zeus! Bebli hafi Kristotɔ ɖokuibɔbɔla eve siawo te ŋu xe mɔ na dua me tɔwo be woagasa vɔ na yewo o.—Dɔwɔwɔwo 14:11-18.\nGake Listratɔ ʋɛ aɖewo ya kpɔe be menye trɔ̃subɔlawo ƒe xotutu me mawuwoe Paulo kple Barnaba nye o, ke boŋ amegbetɔwoe wonye tsɔ gbedeasi wɔnuku aɖe vɛ na yewo. Le kpɔɖeŋu me, Eunike, si nye nyɔnu Yudatɔ, si ɖe ŋutsu aɖe si nye Helatɔ * la kple dadaa, Loide, ya ɖo to Paulo kple Barnaba ƒe nyawo vevie kple dzidzɔ. Nya nyui si Yudatɔ wɔnuteƒewo katã nɔ mɔ kpɔm na be yewoase lae nye esia mlɔeba—Mesia la va, eye wòna nya geɖe siwo wogblɔ ɖi tso eŋu le Ŋɔŋlɔawo me la va eme!\nBu ale si Paulo ƒe vavaa wɔ dɔ ɖe Timoteo dzii ŋu kpɔ. \"Tso ɖevime kee\" wofia Timoteo be wòalɔ̃ ŋɔŋlɔ kɔkɔe siwo nye Hebri Ŋɔŋlɔawo. (2 Timoteo 3:15) Eya hã te ŋu kpɔe dze sii be nyateƒe si ku ɖe Mesia la ŋue Paulo kple Barnaba ƒo nu tsoe, abe dadaa kple mamaa ke ene. Bu tekunɔ si ŋu Paulo da gbe le la hã ŋu kpɔ. Tso ɖevime ke la, Timoteo anya kpɔ ŋutsu ma zi gbɔ zi geɖe le Listra ƒe ablɔwo me. Gake fifia, Timoteo kpɔ ŋutsu sia wòle azɔli zɔm zi gbãtɔ le eƒe agbe me! Eya ta mewɔ nuku o be Timoteo, Eunike kple Loide siaa va zu Kristotɔwo. Nu geɖe li tɔgbuiwo, mamawo kple dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Loide kple Eunike gbɔ. Ðe miawo hã miate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu nenema?\n\"XAXA GEÐEWO ME TO GE MÍALA\"\nDzi anya dzɔ ame siwo va zu nusrɔ̃la Kristotɔwo la ŋutɔ esi wose nu tso mɔkpɔkpɔ si wotsɔ ɖo Kristo yomedzelawo ŋkume la ŋu. Gake wose egɔme hã be yewole xaxawo me to ge le esi yewova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ta. Yudatɔ tsitretsiɖeŋula siwo nye zazɛ̃nyahelawo la tso Ikonio kple Antiokia va dua me, eye wode zi dua me tɔwo dome hena wotso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Kasia, ameha siwo adã ɖo mo na la ti Paulo yome heƒu kpee. Woƒu kpee ʋuu keke wòtsi anyigba. Eyome ameha la hee yi dua godo, elabena wosusu be eku.—Dɔwɔwɔwo 14:19.\nKe hã nusrɔ̃la siwo le Listra la do go yi ɖaƒo xlã Paulo. Kpɔ ale si woƒe dzi adze emee esime wokpɔe be Paulo te ʋaʋã, eye kasia wòtso heɖo ta Listra dua me dzinɔameƒotɔe ɖa! Esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodze mɔ yi Derbe heyi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Esi wowɔ nusrɔ̃la yeyewo le afi ma hã vɔ la, wolé dzi ɖe ƒo gatrɔ yi Listra ake, togbɔ be afɔku le esia wɔwɔ me hã. Susu ka tae wotrɔ yi ɖo? Biblia gblɔ be: \"Wodo ŋusẽ nusrɔ̃laawo hede dzi ƒo na wo be woayi edzi anɔ xɔse la me.\" Wò ya kpɔe ɖa ko be Timoteo ye nye ema le to ɖom heke ŋku le Paulo kple Barnaba kpɔm dũu esi wole gbɔgblɔm na Kristotɔ mawo be woƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ si me ŋutikɔkɔe le la nye nu si ta woaxa ɖo ato fu siwo kpem wole fifia la me. Wogblɔ na wo be: \"Xaxa geɖewo me to ge míala hafi ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.\"—Dɔwɔwɔwo 14:20-22.\nTimoteo kpɔe be Paulo ŋutɔ hã nɔ agbe ɖe nya mawo nu, elabena Paulo to xaxawo me dzinɔameƒotɔe be yeagblɔ nya nyui la na amewo. Eya ta Timoteo nyae be ne yeto Paulo ƒe afɔtoƒewo la, Listratɔwo atsi tsitre ɖe ye ŋu, eye ɖewohĩ ye fofo ŋutɔ hã atsi tsitre ɖe ye ŋu. Gake Timoteo meɖe mɔ amewo ƒe tsitretsiɖeŋu xe mɔ nɛ be wòagasubɔ Mawu o. Egbea, sɔhɛ geɖe le abe Timoteo ene. Wodze nunya be wotia xɔlɔ̃ siwo sẽ ŋu le xɔse me, ame siwo ate ŋu ade dzi ƒo na wo ahado ŋusẽ wo. Eye womeɖea mɔ amewo ƒe tsitretsiɖeŋu xea mɔ na wo be woagasubɔ Mawu vavã la o!\n'NƆVIAWO ƑO NU NYUI LE EŊU'\nAbe ale si míegblɔe va yi ene la, ƒe eve alo etɔ̃ aɖewo va yi hafi Paulo gatrɔ yi Listra. Kpɔ ale si gbegbe Timoteo ƒe aƒemetɔwo akpɔ dzidzɔe esi Paulo va ɖo la ɖa, eye fifia ya, eya kple Sila ye va. Paulo hã akpɔ dzidzɔ godoo. Eya ŋutɔ kpɔ kutsetse nyui siwo do tso nyateƒea ƒe ku siwo wòƒã le Listra la me. Loide kple vianyɔnu, Eunike, siaa zu nyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒewo fifia, eye woƒe \"xɔse si me alakpa mele o\" la dze Paulo ŋu ŋutɔ. (2 Timoteo 1:5) Ke Timoteo ɖekakpuia ya ɖe?\nPaulo se be ɖekakpuia tsi nyuie le xɔse me tso esime yeva Listra zi gbãtɔ. 'Nɔviawo ƒo nu nyui le' Timoteo ŋu, menye le Listra ɖeɖe ko o, ke le Ikonio, si le dzieheɣedzeƒe gome abe kilometa 32 ene la gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 16:2) Aleke wòwɔ hafi wɔ ŋkɔ nyui ma gbegbe na eɖokui?\nAɖaŋuɖoɖo nyui siwo nyo na ɖeviwo kple sɔhɛwo siaa la hã le \"ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,\" siwo Timoteo dada kple mamaa tsɔ fia nui 'tso ɖevime ke' la me. (2 Timoteo 3:15) Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi: \"Ðo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi.\" (Nyagblɔla 12:1) Gɔmesese vevi aɖe va nɔ nya mawo ŋu na Timoteo tso esime wòzu Kristotɔ. Ekpɔe be mɔ nyuitɔ siwo dzi yeato aɖo ŋku ye Wɔla Gã la dzi la dometɔ ɖekae nye be yeaɖe gbeƒã nya nyui si ku ɖe Mawu ƒe Vi, Kristo la, ŋu. Ne Timoteo kpea ŋu le dzɔdzɔme nu hã la, vivivi la, eva srɔ̃ ale si wòaɖu edzi ahagblɔ Yesu Kristo ŋuti nya nyui la dzinɔameƒotɔe.\nŊutsu siwo le ŋgɔ xɔm le hameawo me la de dzesi ale si Timoteo tsi le xɔse mee. Ðikeke mele eme o be esi wokpɔ ale si ɖekakpuia doa ŋusẽ ame siwo dome wòle kple ale si wòdea dzi ƒo na woe la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi. Gake nu si le vevie wue nye be Yehowa de dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedzea. Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo wogblɔ nya ɖi le eŋu—ɖewohĩ esia ku ɖe subɔsubɔdɔ si ƒomevi wɔ ge wòala gbe ɖeka le hame geɖewo me la ŋu. Esi Paulo va azɔ la, ekpɔe be Timoteo ate ŋu anye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe na ye le yeƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔawo me. Nɔvi siwo le Listra la lɔ̃ ɖe edzi. Woda woƒe asiwo ɖe ɖekakpuia dzi, eye esia wɔwɔ fia be wona mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee be wòawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa Mawu.—1 Timoteo 1:18; 4:14.\nMíate ŋu aka ɖe edzi be ale si gbegbe nɔviawo ka ɖe Timoteo dzi kple agbanɔamedzi gã si wode asi nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòse le eɖokui me be yemedze o. Ke hã enɔ klalo be yeayi. * Gake aleke Timoteo fofo si menye xɔsetɔ o la wɔ nui esi wòva nya be ye viŋutsua xɔ yɔyɔ be wòazu Kristotɔ dzikpɔla mɔzɔla? Anɔ eme be ɖoɖo bubu kurae wòwɔ ɖe via ƒe etsɔme ŋu hafi. Ke Timoteo dada kple mamaa hã ɖe? Ðe wònye dada na woa? Eye ɖe womedi be wòadze le yewo ŋu be yewotsi dzi ɖe ɖekakpuia ƒe dedienɔnɔ ŋu oa? Esɔ le dzɔdzɔme nu be woase le wo ɖokui me nenema.\nNu si dzi míeka ɖoe nye be Timoteo yi dɔa gbe. Le ŋdi ma si ŋu míeƒo nu tsoe le nyatia ƒe gɔmedzedzea me la, elɔ̃ faa be yeanɔ mɔ zɔm kple apostolo Paulo. Esi Timoteo ɖe Listra ɖe megbe azɔ la, afɔ ɖe sia ɖe si ɖem wòle, eɖanye le kpenyigba dzi alo gbememɔ dzi o, tetem ɖa ko wòle tso aƒe gbɔ yina tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Esi ŋutsu etɔ̃awo zɔ mɔ didi ŋkeke bliboa la, wova ɖo Ikonio. Azɔ Timoteo te ŋkuléle ɖe ale si Paulo kple Sila wogblɔ dɔdzikpɔha si le Yerusalem la ƒe mɔfiame yeyeawo na xɔsetɔ siwo le Ikonio kple ale si wodze agbagba do ŋusẽ woƒe xɔsee la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Gake dɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ema.\nEsi woyi ɖasrã hame siwo le Galatia kpɔ vɔ la, dutanyanyuigblɔlaawo dzo le Roma-mɔ tata gbadzawo dzi hedze mɔzɔzɔ to Frigia tonyigba gbadzaa si keke kilometa alafa geɖe la dzi ɖo ta dziehe gome, eye emegbe wotrɔ ɖe ɣetoɖoƒe gome. Esi woɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ mɔ fiam wo ta la, woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi yi Troa, woɖo tɔdziʋu le afi ma heɖo ta Makedonia. (Dɔwɔwɔwo 16:6-12) Va ɖo afi sia la, Paulo kpɔ ale si gbegbe Timoteo doa vevie nui. Esia ta Paulo te ŋu gblẽ Timoteo ɖe Beroia hekpe ɖe Sila ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:14) Ɣebubuɣi la, edɔ ɖekakpuia ɖeɖe ɖe Tesalonika gɔ̃ hã. Esi Timoteo yi la, edo ŋusẽ Kristotɔ siwo le afi ma la ƒe xɔse abe ale si tututu wòsrɔ̃e tso Paulo gbɔ ene.—1 Tesalonikatɔwo 3:1-3.\nEmegbe la, Paulo ŋlɔ tso Timoteo ŋu be: \"Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o.\" (Filipitɔwo 2:20) Timoteo mewɔ ŋkɔ nyui ma na eɖokui agbagbamadzemadzee o. Kutrikuku, amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽwo me dzie wòto be ŋkɔ nyui ma su esi. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wògblẽ ɖi na sɔhɛwo egbea! Mègaŋlɔ be gbeɖe o be wò ŋutɔ wò agbagbadzedze mee wòatso be ŋkɔ nyui nasu asiwò. Ne sɔhɛe nènye la, ke mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe le ʋuʋu ɖi na wò be nàwɔ ŋkɔ nyui na ɖokuiwò ne èna Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nu vevitɔ na wò le agbe me eye nènyoa dɔme na amewo hedea bubu wo ŋu.\n\"DZE AGBAGBA ÐE SIA ÐE NÀVA GBƆNYE\"\nTimoteo nɔ exɔlɔ̃a, apostolo Paulo, ŋu abe ƒe 14 sɔŋ ene hewɔ dɔ geɖe kplii le ɣeyiɣi mawo me. Woa kple Paulo woto xaxaɣiwo kple dzidzɔɣiwo siaa me. (2 Korintotɔwo 11:24-27) Wolé Timoteo de gaxɔ me ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã le eƒe xɔse ta. (Hebritɔwo 13:23) Ale si gbegbe Paulo lɔ̃ nɔvi Kristotɔwo vevie hetsɔ ɖe le eme na wo tso dzi blibo me la, nenema kee wònɔ le Timoteo hã gome. Esia tae Paulo te ŋu gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ nɛ la me be: \"Meɖo ŋku wò aɖatsiwo dzi.\" (2 Timoteo 1:4) Edze ƒãa be, abe Paulo ene la, Timoteo srɔ̃ ale si 'wòafa avi kple ame siwo le avi fam' kpakple ale si wòase veve ɖe wo nu ale be wòate ŋu ade dzi ƒo na wo ahafa akɔ na wo. (Romatɔwo 12:15) Mina mí katã míanɔ ewɔm alea!\nMewɔ nuku o be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Timoteo va zu Kristotɔ dzikpɔla nyui aɖe. Eya ta Paulo de dɔ asi nɛ be wòado ŋusẽ hameawo ahade dzi ƒo na wo. Gawu la, ena ŋusẽe be wòaɖo ŋutsu siwo dze la hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le hamewo me.—1 Timoteo 5:22.\nPaulo lɔ̃ Timoteo ɖekakpui la ale gbegbe, eya ta efiaa mɔe heɖoa aɖaŋu nɛ abe ale si vifofo wɔnɛ ene. Ede dzi ƒo na Timoteo be wòatu ŋutete siwo wòxɔ tso Mawu gbɔ la ɖo eye wòanɔ tsitsim le xɔse me. (1 Timoteo 4:15, 16) Egade dzi ƒo nɛ hã be megaɖe mɔ gbeɖe be eƒe sɔhɛnyenye, kple ɖewohĩ ŋukpe vi aɖe si le eme la naxe mɔ nɛ ne eva hiã be wòatɔ afɔ to sesĩe awɔ nu si le dzɔdzɔe o. (1 Timoteo 1:3; 4:6, 7, 11, 12) Paulo ɖo aɖaŋu na ɖekakpuia gɔ̃ hã le nu si wòawɔ tso lãmesẽkuxi si ɖea fu nɛ enuenu la ŋu; anɔ eme be dɔmee ɖea fu nɛ.—1 Timoteo 5:23.\nEva ɖo ɣeaɖeɣi la, Paulo kpɔe be yeƒe kuɣi le ɖoɖom; edze ƒãa be wotso kufia nɛ eye ɣeyiɣia le dedem be woawui. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ agbalẽ mamlɛtɔ ɖo ɖe Timoteo. Eŋlɔ nya ʋãme sia hã nɛ le agbalẽa me be: \"Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva gbɔnye kaba.\" (2 Timoteo 4:9) Paulo lɔ̃ Timoteo vevie ŋutɔ; eyɔe be \"vinye lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me.\" (1 Korintotɔwo 4:17) Eya ta mewɔ nuku o be edi be ye xɔlɔ̃a nanɔ ye gbɔ esime yeƒe kuɣi le aƒe tum! Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, 'Ne amewo ɖo xaxa me la, ɖe wodia yonyememɔ be yewoakpɔ akɔfafa?'\nÐe Timoteo te ŋu ɖo Paulo gbɔ ɖe game dzia? Míenya o. Gake nu si míenya ye nye be ewɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe ɣeawokatãɣi be yeafa akɔ na Paulo kple ame bubu geɖewo ahade dzi ƒo na wo. Enɔ agbe wòwɔ ɖeka kple ŋkɔ Timoteo, si gɔmee nye, \"Ame Si Dea Bubu Mawu Ŋu.\" Eye eɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi na mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be míasrɔ̃.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151101\/timoteo-biblia-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2018-01-19T06:56:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00600.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968900681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968900680541992}","num_words":2433,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Fia Ahab le eƒe fiasã me le Yezreel la, ekpɔa ŋutsu si ŋkɔe nye Nabot ƒe waingble to eƒe fesre nu. Ahab di be waingble sia nazu ye tɔ, eya ta edze agbagba be yeaƒlee le Nabot si. Gake Nabot melɔ̃ be yeadzrae nɛ o, elabena Yehowa ƒe Se meɖe mɔ be ame nadzra anyigba si ƒe dome wònyi o. Ðe Ahab de bubu Nabot ŋu le esi wòwɔ nu si sɔ taa? Ao. Ðe Ahab do dziku vevie boŋ. Ete ɖe edzi ale gbegbe be wòtsi xɔ me eye wògbe hã be yemaɖu nu o.\nAhab srɔ̃, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel gblɔ nɛ be: 'Wòe nye Israel-fia. Eya ta nu sia nu si nèdi la ate ŋu asu asiwò. Maxɔ anyigba ma na wò.' Izebel ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe du si me Nabot le la ƒe ame tsitsiwo be woatso enu be eƒo fi de Mawu ne woaƒu kpee wòaku. Ame tsitsiawo wɔ nu si Izebel gblɔ na wo be woawɔ la, emegbe Izebel gblɔ na Ahab be: 'Nabot ku. Eya ta waingble la zu tɔwò.'\nMenye Nabot koe nye ame maɖifɔ si Izebel wu o. Ewu ame gbogbo aɖewo siwo lɔ̃ Yehowa la hã. Trɔ̃woe Izebel ya subɔna eye wòwɔ nu gbegblẽ bubu geɖe. Yehowa kpɔ nu gbegblẽ siwo katã Izebel wɔ. Nu kae wòawɔ Izebel?\nEsi Ahab ku la, via Yehoram zu fia. Yehowa dɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yehu be wòahe to na Izebel kple eƒe ƒomea.\nYehu do eƒe tasiaɖam yi Yezreel, afi si Izebel le. Yehoram do tasiaɖam va do go Yehu eye wòbiae be: \"Ŋutifafa yea?\" Yehu ɖo eŋu be: 'Aleke ŋutifafa awɔ anɔ anyi, esi dawò Izebel le nu vɔ̃ɖiwo wɔm?' Yehoram dze agbagba be yeatrɔ yeƒe tasiaɖam asi. Gake Yehu da aŋutrɔ Yehoram eye wòku.\nEmegbe Yehu yi Izebel ƒe fiasãa me. Esi wòse be Yehu gbɔna la, esisi nuwo ɖe ŋkume, wɔ ɖa eye wònɔ anyi ɖe fesre to le eƒe dziƒoxɔa dzi nɔ lalam. Esi Yehu va ɖo la, Izebel medo vivi ɖe eŋu o. Yehu do ɣli gblɔ na Izebel ƒe dɔla siwo tɔ ɖe egbɔ be: 'Mitutui ƒu anyi!' Wotutui to fesrea nu wòge va dze anyi eye wòku.\nEmegbe la, Yehu wu Ahab viŋutsu 70-awo eye wòɖe Baal subɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Mèkpɔe be Yehowa nya nu sia nu eye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ehea to na nu baɖa wɔlawo oa?\n\"Domenyinu si wokpɔ to ŋukeklẽ dzi le gɔmedzedzea la, yayra manɔ eme le nuwuwua o.\"—Lododowo 20:21","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/ahab-izebel\/","date":"2018-01-17T14:13:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00618.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971841574,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997184157371521}","num_words":414,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Siwo Ana Nàkpɔ Dzidzedze\nNyabiase bɔbɔe eve siawo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miaƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze wu.\nAɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso.\nBubudede ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me menye nu si adzro ame hafi wòawɔe o ke boŋ enye nu si wòle be woawɔ. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?\nNe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ɖoe be yewoade dzesi yewo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, wo dome va vivina wu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?\nKɔsɔkɔsɔ si wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu ado le srɔ̃ɖeɖea me o ye kukuɖeameŋu nyea alo seke aɖe si ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te sesĩe ye wònyea?\nAsaƒoƒo na ahasiwɔwɔ koe nye nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃a?\nKuxi aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe evelia me, si menɔa srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me o. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ akpɔ dzidzedze?\nNu sia nu ate ŋu asu ƒome aɖe si, evɔ woaɖo ko le nu si le vevie wu la gome.\nNya Si Biblia Gblɔ\nXlẽ nu tso nya si Biblia gblɔ tso lɔlɔ̃, gbɔdɔdɔ kple ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe anyinɔnɔ ɖekae ŋu.\nNu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu-kple-ŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la nya nu siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme la nyuie.\nMawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe anyia? Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu la ɖa.\nKpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso ale si amegbetɔwo katã le sɔsɔe kple srɔ̃ɖeɖe ŋu.\nXlẽ nu tso ale si ɖoƒe si Mawu da ŋutsu kple nyɔnu ɖo le ƒomea me ate ŋu ana woakpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔe la ŋu.\nCan single Christians be happy? The Bible gives the proper view of marriage, and a perfect example of singleness too.\nKuxiwo Kple Wo Gbɔ Kpɔnuwo\nNu etɔ̃ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ale be wò kple srɔ̃wò dzilawo dome kuxiwo made masɔmasɔwo mia dome o.\nÀte ŋu abu dziwòlawo evɔ màɖe mɔ na wo woanɔ nu dem miaƒe ƒomenyawo me madzemadzee o.\nÐe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be ye kple ye srɔ̃ ƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo me oa?\nÐe tsɔtsɔke bia be nàbu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò la nu tsɛ alo awɔ abe ɖe medze agɔ le dziwò kura ene oa?\nSrɔ̃tɔ aɖewo toa kuxi sesẽwo me ne wo viwo tsi eye woʋu le aƒea me. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu?\nNa woakpe ɖe ŋuwò.\nÐe nègblɔna na ɖokuiwò be, 'Xɔ̃wo ko míenyea'? Ne nenemae la de ŋugble tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu ahakpɔe ɖa be nuŋububu sia sɔ mahã.\nAleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ame siwo nye ŋutasẽla vɔ̃ɖitɔwo gɔ̃ hã ŋu woatrɔ woƒe nɔnɔme?\nKaklã Kple Srɔ̃gbegbe\nÐe mia dome va le ko abe avu kple dadi ye le teƒe ɖeka enea? Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.\nÐe ahasiwɔwɔ fia srɔ̃ɖeɖe ƒe nuwuwu kokokoa?\nXlẽ nu tso nu si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo kple nu si wòlé fui ŋu.\nAme siwo gbe wo nɔewo la katã kloe va kpɔnɛ be agbea sesẽ na yewo wu ale si yewokpɔ mɔ nɛ. Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu afa akɔ na wò eye nàɖu kuxiawo dzi.\nÐe Yehowa Ðasefowo kpena ɖe ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le la ŋua? Ðe wòle be hametsitsiwo nada asi ɖe Ðasefo aɖe ƒe srɔ̃gbegbe dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-mawu-%C6%92e-susu\/","date":"2018-01-23T12:44:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891926.62\/warc\/CC-MAIN-20180123111826-20180123131826-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987902045,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987902045249939}","num_words":611,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Do ŋgɔ teti na Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒe 32 K.Ŋ. la, apostoloawo yi va ɖe gbeƒã eye wotrɔ gbɔ. Ðeɖi te wo ŋu, eya ta Yesu na woɖo tɔdziʋu yi Betsaida, be woaɖi ɖe eme le afi ma. Gake esi tɔdziʋua va ɖi go la, Yesu kpɔ be ame gbogbo aɖewo dze yewo yome va afi ma. Togbɔ be Yesu di be ye kple yeƒe apostoloawo yewoaɖe ɖe aga vie hã, exɔ ameawo nyuie. Eda dɔ na woƒe dɔnɔwo eye wòte nufiafia wo. Yesu fia nu wo ŋkeke bliboa tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Esi zã nɔ dodom la, apostoloawo va gblɔ nɛ be: 'Dɔ le ameawo wum. Ðe asi le wo ŋu woadzo ale be woadi nane aɖu.'\nYesu gblɔ be: 'Mele be woadzo o. Mina nu wo woaɖu le afi sia.' Apostoloawo biae be: 'Èdi be míaƒle abolo vɛ na wo woaɖua?' Filipo, apostoloawo dometɔ ɖeka gblɔ be: 'Ne ga gbogbo aɖe le mía si hã, míate ŋu aƒle abolo wòasu na ame gbogbo siawo katã o.'\nYesu bia wo be: 'Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ kae le mía si?' Andrea ɖo eŋu be: 'Abolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve. Esia mesɔ gbɔ o.' Yesu gblɔ be: 'Mitsɔ aboloawo kple tɔmelãawo vɛ nam.' Egblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi, woanye ame 50 alo 100 le ƒuƒoƒo vovovowo me. Yesu tsɔ aboloawo kple tɔmelãa, ekpɔ dziƒo eye wòdo gbe ɖa. Emegbe etsɔ nuɖuɖua na apostoloawo, eye womae na ameawo. Ŋutsu 5,000 kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖu nu ɖi ƒo. Eyome apostoloawo fɔ nuɖuɖu siwo tsi anyi la, ale be wo dome megblẽ o. Wokpɔ kusi 12 sɔŋ! Ðe esia menye nukunu gã aɖe oa?\nDzi dzɔ ameawo ale gbegbe be wodi be yewoaɖo Yesu fiae. Gake Yesu nyae be ɣeyiɣia mede na Yehowa be wòaɖo ye fia o. Eya ta ena ameawo dzo, eye wògblɔ na apostoloawo be woatso Galilea-ƒua ayi akpa kemɛ. Woge ɖe woƒe tɔdziʋua me, eye Yesu ɖeɖe hã yi to aɖe dzi. Nu ka tae? Elabe edi be yeakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa na ye Fofo. Togbɔ be vovo menɔa Yesu ŋu o hã, edia ɣeyiɣi doa gbe ɖa.\n\"Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ, si Amegbetɔvi la ana mi la ta.\"—Yohanes 6:27","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/yesu-na-nu%C9%96u%C9%96u-ame-akpe-ge%C9%96e\/","date":"2018-01-22T09:29:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891196.79\/warc\/CC-MAIN-20180122073932-20180122093932-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978734851,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978734850883484}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈLE dzadzram ɖo be yeayi gbeadzi le ŋkeke si dzi mèyia dɔ me o. Ðeɖi te ŋuwò vie, eya ta gbeadziyiyi mele dzrowòm tututu o. Èse le ɖokuiwò me be anyo ŋutɔ ne yetsi aƒe me heɖi ɖe eme ŋdi ma. Gake èdo gbe ɖa tso eŋu, eye nèɖoe be yeayi ko. Wò kple nɔvinyɔnu tsitsi wɔnuteƒe aɖee yi gbeadzi gbe ma gbe, eye eƒe dzidodo kple ale si wòtsɔ ɖe le eme na amewo la wɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ. Esi mienɔ gbeƒã ɖem nyateƒea tso aƒe me yi aƒe me la, èɖo ŋku edzi be nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu geɖewo hã le gbeƒã ɖem gbedeasi ma ke le xexea me godoo; agbalẽ siwo zãm nèle le dɔ sia wɔwɔ me la ko zãm woawo hã wole, eye hehe si nèxɔ la kee woawo hã woxɔ. Kaka nàgbɔ va aƒe me la, èkpɔe be ŋusẽ ɖo ŋuwò. Èkpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeyi gbeadzi gbe ma gbe!\nKristotɔwo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔ vevitɔ fifia. Yesu gblɔe ɖi be gbeƒãɖeɖedɔa akeke ta le mɔ ɖedzesi aɖe nu le ŋkeke mamlɛawo me. (Mat. 24:14) Aleke eƒe nyagblɔɖia le eme vamee? Le akpa evelia sia me la, míadzro ame siwo le dɔ sia wɔm, mɔnu siwo zãm wole, dɔwɔnu siwo zãm wole, kple ale si wole kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu le xexea me godoo be woakpɔe be nu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye la me.\nLE AKPA SIA\nTA 6\nNu ka tae Yesu ka ɖe edzi be yeakpɔ ame siwo alɔ̃ faa aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo me? Aleke nàte ŋu aɖee afiae be yele Fiaɖuƒea dim gbã?\nTA 7\nSrɔ̃ nu tso mɔnu yeye siwo dzi Mawu ƒe amewo le totom be yewoana nya nyuia naɖo ame geɖewo gbɔ hafi nuwuwua nava ŋu.\nTA 8\nAleke gbegɔmeɖedɔ siwo wɔm míele la ɖee fia be Yesu le megbe na mí? Agbalẽtatadɔ si wɔm míele ŋuti nyatakaka kae na nèka ɖe edzi be Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ?\nTA 9\nYesu fia nu vevi eve aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gã la ŋu. Aleke nu vevi eve mawo ka mí egbeae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e\/","date":"2018-01-22T09:28:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891196.79\/warc\/CC-MAIN-20180122073932-20180122093932-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985768199,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998576819896698}","num_words":345,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía Nɔvi Lɔlɔ̃tɔ:\nEsi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míelɔ̃ eƒe Nya, Biblia la. Míeka ɖe edzi be ŋutinya siwo le eme la de pɛpɛpɛ, efiaa mɔ nyuitɔ mí le agbe me eye kpeɖodzi wɔdɔɖeamedzi siwo fia be Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo la hã le eme. (Psalmo 119:105; Luka 1:3; 1 Yohanes 4:19) Míedi vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒe xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya la me. Esia ta, enye dzidzɔ na mí be míata agbalẽ sia si nye, \"Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me.\" Na míaƒo nu tso agbalẽa ŋu na wò vie.\nÐeviwo koŋue wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu na. Ke hã, míate ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame tsitsi siwo di be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me la ŋu. Esi amewo katãe woŋlɔ Biblia na ta la, ɖikeke mele eme o be nusɔsrɔ̃ siwo le eme la aɖe vi na mí eye esia ana be dzi nadzɔ mí geɖe.\nAgbalẽ sia nɔ te ɖe ŋutinya siwo le Biblia me dzi ƒo nu tso amegbetɔwo ŋu tso esime wodze nuwo wɔwɔ gɔme. Wodze agbagba ɖe sia ɖe na ŋutinya siwo le agbalẽ sia me la me kɔ hele bɔbɔe eye wona ŋutinyawo le ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo la nu ale si wòanya wɔ.\nGake menye ŋutinya siwo le Biblia me koe agbalẽ sia gblɔ na mí o. Wotrɔ asi le nyawo kple nɔnɔmetata siwo le eme la siaa ŋu be woana ŋutinya si gblɔm wole la nadze nu ŋutɔŋutɔ, eye wòaɖe ame si ŋu wole nu ƒom tsoe la ƒe seselelãmewo afia nyuie.\nAgbalẽ sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Biblia nye agbalẽ si ƒo nu tso amewo ŋu—eƒo nu tso ame siwo ɖo to Yehowa kple ame siwo meɖo toe o ŋu. Eye ewɔa dɔ ɖe mía dzi be míasrɔ̃ nu tso woƒe kpɔɖeŋuwo me. (Romatɔwo 15:4; 1 Korintotɔwo 10:6) Woma agbalẽa ɖe akpa 14 me. Le akpa ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedzea, woƒo nu tso nu siwo míate ŋu asrɔ̃ la ŋu kpuie.\nNe dzilae nènye la, anyo be wò kple viwòa miaxlẽ ŋutinyaa ɖekae eye miadzro eme akpe ɖe nɔnɔmetatawo ŋu. Emegbe miate ŋu axlẽ Biblia kpukpui siwo me woɖe nyaawo tsoe la hã. Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si nu si wòxlẽ le Biblia me kple esi le agbalẽa me la wɔ ɖekae. Mɔnu sia tɔgbi ke ate ŋu aɖe vi, ne miele kpekpem ɖe ame tsitsi aɖe ŋu be wòakpɔ gbedeasi si le Biblia me.\nMíaƒe didie nye be agbalẽ sia nakpe ɖe ame siwo katã si dzi nyui le—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Nyaa me eye woawɔ ɖe nu siwo wosrɔ̃ la dzi le woƒe agbe me. Esia awɔe be woawo hã nava zu ƒome sia si me tɔwo lɔ̃ Mawu la me tɔwo eye woasubɔe.\nMia nɔviwo,\nYehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/l%C9%9Bta-d%C9%94dzikp%C9%94ha-lfb\/","date":"2018-01-24T06:56:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989395738,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998939573764801}","num_words":467,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zã ame ɖokui me dzodzro ƒe dɔwɔgbalẽvi sia ne wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi.\nDɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nWotrɔ asi le dɔwɔgbalẽvi sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu ale si wò seselelãmewo tea ŋu trɔna kabakabae la dzi.\nDɔwɔgbalẽvi sia akpe ɖe ŋuwò nàdzro nya siwo nègblɔna na Mawu le wò gbedodoɖa me kple eƒe nyonyome la me.\nKpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be dziwòlawo naka ɖe dziwò wu la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/d%C9%94deasigbal%E1%BA%BDviwo\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-nu-ne-%C3%A8da-vo\/","date":"2018-01-16T14:21:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886436.25\/warc\/CC-MAIN-20180116125134-20180116145134-00070.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989719391,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989719390869141}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.127,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nKpovitɔ aɖewo le mɔ̃ɖaŋunuwo ŋu dɔ wɔm ale be woaɖe afɔku siwo dzɔna ne wole ʋuwo nyam ɖe enu la dzi akpɔtɔ. Nu siawo dometɔ ɖekae nye nane si wowɔna ɖe gaɖɔ si nɔa kpovitɔwo ƒe ʋuwo ŋgɔ la me eye wodea GPS-mɔfianu wo me hedana abe tu ene. Ne kpovitɔwo nya ʋu aɖe ɖe enu la, wodaa mɔfianu sia wòɖaléna ɖe ʋua ŋu. Esia wɔnɛ be wotea ŋu kplɔa ʋu si wodi be yewoalé la ɖo bɔbɔe eye mahiã be woanɔ du dzi kakaka adze afɔku o.\nIndia\nWobu akɔnta be wowua nyɔnu ɖeka le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me ɖe ŋutsutabianuwo ta. Togbɔ be dziɖuɖua de se be womegana ŋutsutabianu alo axɔe azɔ o hã la, wowu nyɔnu 8,200 kple edzivɔwo le ƒe 2012 me le esi wo srɔ̃wo alo wo srɔ̃wo ƒe ƒometɔwo bui be ŋutsutabianuawo mekɔ mo dzi o la ta.\nSwitzerland\nNyatakakaxɔmɔ̃ nyaŋui siwo wode sagbadre siwo nɔa towo dzi dometɔ etɔ̃ ŋu le teƒe si woƒo woƒe aziwo le la ɖee fia be xevi siawo dzo ŋkeke 200 kple edzivɔ tematɔmatɔe va ɖo Afrika. Tsã la, tɔmelãwo ŋu koe wode dzesii le be wotea ŋu ʋuna yia didiƒe ʋĩ ma gbegbe tematɔmatɔe.\nAfrika Ƒe Dzo\nƑudzidzodalawo fi meli 179 le teƒe si woyɔna be Afrika Ƒe Dzo ƒe ƒuta le April ƒe 2005 kple December ƒe 2012 dome. Xexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã bu akɔnta be ga si woxe na melifila siawo hafi woɖe asi le meliawo ŋu la ade Amerika dɔlar miliɔn 413.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201410\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2018-01-24T06:54:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00165.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994837642,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994837641716003}","num_words":244,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Adam kple Xawa dzo le Eden-bɔa me la, wova dzi vi geɖe. Woƒe vi gbãtɔ Kain zu agbledela eye woƒe vi evelia Abel zu lãnyila.\nGbe ɖeka Kain kple Abel sa vɔ na Yehowa. Ènya nu si vɔsa nyea? Enye nunana tɔxɛ aɖe. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Abel ƒe vɔsaa ŋu ke mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain ya tɔ ŋu o. Esia na Kain do dziku vevie. Yehowa gblɔ na Kain be eƒe dzikua ate ŋu ana wòawɔ nu gbegblẽ. Gake Kain meɖo to Mawu o.\nKe boŋ Kain gblɔ na Abel be: 'Va míayi gbe me.' Esi woawo ɖeɖe wonɔ gbea me la, Kain dze nɔvia dzi hewui. Nu kae Yehowa awɔ? Yehowa nya Kain yi didiƒe tso eƒe ƒomea gbɔ tsɔ he to nɛ. Mawu maɖe mɔ na Kain be wòagatrɔ agbɔ o.\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia me? Míate ŋu ado dziku ne nuwo meyi abe ale si míedi ene o. Ne míekpɔ be míedo dziku, alo ne ame bubuwo gblɔ na mí be yewode dzesii be míedo dziku la, ele be míawɔ kaba adzudzɔ dzikudodo hafi wòava gblẽ nu le mía ŋu.\nEsi Abel lɔ̃ Yehowa eye wòwɔ nu si nyo ta la, Yehowa aɖo ŋku edzi ɣesiaɣi. Ne Mawu wɔ anyigba wòzu paradiso la, agbɔ agbe Abel.\n\"Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.\"—Mateo 5:24","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/2\/d%C9%94medzoe-wu-kain-abel\/","date":"2018-02-24T11:45:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00681.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9905370474,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9905370473861694}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nLe October 29, 2012 ƒe kwasiɖa me la, wode dzesii be amewuwu, nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze kple tutsɔtsɔ ada adzo amewo dzi ɖe kpɔtɔ sãa le New York City dua me ne wotsɔe sɔ kple ƒe 2011 ƒe ŋkeke atɔ̃ mawo ke tɔ. Nu ka gbɔe wòtso? Ahom sesẽ si wotsɔ ŋkɔ na be Sandy, si tu le United States ƒe Ɣedzeƒeƒuta, si na be elektrik-kaɖi megava nɔ teƒe geɖewo o gbɔe wòtso. Aƒetɔ Paul Browne si nye New York Kpovitɔwo Ƒe Dɔwɔƒea ƒe nyanuɖela gblɔ be: \"Míede dzesi be ne dzɔdzɔmefɔkuwo alo nu dziŋɔwo [abe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ame dzi dzedze si dzɔ le September 11, 2001 ene] dzɔ la, nu vlo wɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔna.\" Ke hã, amewo ƒe ʋɔgbagbã afi woƒe nuwo ya dzi ɖe edzi, eye esia mewɔ nuku na Aƒetɔ Browne kura o. Egblɔ kpee be: \"Akaɖi si tsi le teƒe gbogbo aɖewo gbɔe esia tso.\"\nAntarctica\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsi dzi vevie be nu miemie siwo wotsɔ tso duta la le nu miemie siwo nɔa Antarctica la dome gblẽm. Wobu akɔnta be le mama dedie nu la, ame akpeakpe siwo ɖia tsa vaa afi sia ƒe sia ƒe la dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa nuku asieke kple afã vaa afi sia le manyamanya me. Nuku siawo léna ɖe woƒe afɔkpawo kple mɔzɔkplowo ŋu. Wokpɔ nu miemie gbogbo siwo tso duta la le Ɣedzeƒe Antarctic Ƒukpo-Afã la dzi.\nNetherlands\nNyɔnu aɖe si xɔ ƒe 83 lae nye ame gbãtɔ si wode glãƒu si wotsɔ klosalo ƒomevi aɖe si woyɔna be titanium wɔ la na. Wozã mɔ̃ aɖe si woyɔna be 3-D laser printer tsɔ wɔ glãƒu siae. Nyɔnu sia si dɔléle aɖe na eƒe glãƒu kaka la te ŋu le nu ɖum, le gbɔgbɔm hele nu ƒom nyuie fifia. Mɔ̃ sia lólo titanium kakɛwo hena wolé ɖe wo nɔewo ŋu wòzu glãƒu, eye wodee na nyɔnua.\nGermany\nWoka nya ta be esi woxe mɔ ɖe atamanono nu le dutoƒo le Germany le ƒe ɖeka kloe me la, wode dzesii le ame hatsotso aɖe si woxɔna ɖe kɔdzi la ŋu be wo dometɔ siwo woxɔna ɖe kɔdzi ɖe akɔtaveedɔ ta ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi 13.3 le alafa me; eye wo dometɔ siwo woxɔna ɖe kɔdzi le dzidɔ ta la hã ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi 8.6 le alafa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201304\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2018-02-24T11:36:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815560.92\/warc\/CC-MAIN-20180224112708-20180224132708-00681.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989624023,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99896240234375}","num_words":372,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EBIA XƆSE SẼŊU BE WOADA GBE LE ŊUTSUVI SI ME GBƆGBƆ VƆ̃ LE ŊU\nEsi Yesu, Petro, Yakobo kple Yohanes ɖi tso toa dzi la, wokpɔ ameha gã aɖe. Nane menɔ edzi yim nyuie o. Agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hele nya ʋlim kpli wo. Ewɔ nuku na ameawo be yewokpɔ Yesu, eye woƒu du yi egbɔ ɖado gbe nɛ. Ebia wo be: \"Nya ka hem miele kpli wo?\"—Marko 9:16.\nŊutsu aɖe si le ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ nɛ be: \"Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi va gbɔwò, elabena gbɔgbɔ aɖe le eme si na meƒoa nu o. Afi sia afi si wòdze edzi le la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye ŋusẽ vɔna le eŋu. Megblɔ na wò nusrɔ̃lawo be woanyae ado goe, ke womete ŋui o.\"—Marko 9:17, 18.\nEdze ƒãa be agbalẽfialawo nɔ nu ƒom tsi tre ɖe nusrɔ̃lawo ŋu le esi womete ŋu da gbe le ŋutsuvia ŋu o ta, eye ɖewohĩ wonɔ alɔme ɖem le wo ŋu. Le esi Yesu naƒo nu na ŋutsuvia fofo si tɔtɔ teƒe la, egblɔ na ameha la be: \"Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi, ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae mado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo?\" Ðikeke mele eme o be agbalẽfiala siwo nɔ fu ɖem na eƒe nusrɔ̃lawo esime menɔ wo gbɔ o lae wònɔ mo kam na. Azɔ Yesu trɔ ɖe ŋutsuvia fofo si tsi dzi vevie la ŋu hegblɔ be: \"Mikplɔe va gbɔnye afii.\"—Mateo 17:17.\nEsi ŋutsuvia nɔ Yesu gogom la, gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la xlãe ɖe anyi hena wòƒo tititi ŋutɔ. Ŋutsuvia nɔ mimlim le anyigba eye futukpɔ nɔ dodom le enu. Yesu bia ɖevia fofo be: \"Ɣeyiɣi didi kae nye esia nu sia dzɔna ɖe edzi?\" Eɖo eŋu be: \"Tso eƒe ɖevime ke, eye wòtsɔnɛ xlãna ɖe dzo kple tsi me enuenu be yeawui.\" Ŋutsua ɖe kuku gblɔ be: \"Ne àte ŋu awɔ nane la, kpɔ nublanui na mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu.\"—Marko 9:21, 22.\nÐevia fofo xaxa le eɖokui me ŋutɔ, elabena Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã mete ŋu kpe ɖe eŋu o. Esi ŋutsu sia si tɔtɔ la ɖe kuku vevie alea vɔ la, Yesu de dzi ƒo nɛ gblɔ be: \"Ðe nèbe, 'Ne àte ŋuia'? Nyae be ame si si xɔse le la ate ŋu awɔ nu sia nu.\" Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ be: \"Xɔse le asinye! Gake kpe ɖe ŋunye le afi si mehiã xɔse le!\"—Marko 9:23, 24.\nYesu kpɔ be ameha la le du ƒum gbɔna ye gbɔ. Le ameawo katã ŋkume la, Yesu ka mo na gbɔgbɔ vɔ̃a be: \"Wò, gbɔgbɔ si nana wozua mumu kple tokunɔ, meɖe gbe na wò be, do go le eme, eye mègage ɖe eme azɔ o!\" Esi gbɔgbɔ vɔ̃a nɔ dodom le ɖevia me la, ena wòdo ɣli sesĩe heƒo tititi ŋutɔ. Azɔ ŋutsuvia mlɔ anyi ɖe anyigba maʋamaʋãe. Esi ameawo kpɔ esia la, wo dometɔ geɖe gblɔ be: \"Eku!\" (Marko 9:25, 26) Gake esi Yesu lé ŋutsuvia ƒe alɔnu la, etso eye eƒe \"lãme sẽ enumake.\" (Mateo 17:18) Ɛ̃, ameha la ƒe nu ku le nu si Yesu wɔ la ta.\nDo ŋgɔ na esia esime Yesu dɔ nusrɔ̃lawo be woaɖaɖe gbeƒã la, wote ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Eya ta esi woawo ɖeɖe le aƒe aɖe me la, wobia Yesu be: \"Aleke wɔ míawo ya míete ŋu nyae do goe o?\" Yesu ɖe eme be woƒe xɔse ʋɛ la tae esi wògblɔ be: \"Esia tɔgbi ya gbedodoɖa dzi koe woate ŋu ato anyae ado goe.\" (Marko 9:28, 29) Xɔse si nu sẽ kple gbedodoɖa abia Mawu ƒe ŋusẽdoame hiã hafi woate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ triakɔ sia ado goe.\nYesu ƒo nyaa ta be: \"Vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de sinapi-ku ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: 'Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!' eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.\" (Mateo 17:20) Ŋusẽ ka gbegbee nye esi le xɔse ŋu!\nMɔxenu kple kuxi siwo doa kplamatsɛ míaƒe Yehowa subɔsubɔ la ate ŋu adze abe nu siwo dzi womate ŋu aɖu alo aɖe ɖa o, abe to ŋutɔŋutɔ ene. Gake ne míetu xɔse ɖo la, míate ŋu aɖu mɔxenu kple kuxi mawo siwo le abe towo ene la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/da-gbe-%C5%8Butsuvi-gb%C9%94gb%C9%94-v%C9%94%CC%83-le\/","date":"2018-02-21T21:08:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813803.28\/warc\/CC-MAIN-20180221202619-20180221222619-00421.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985371828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985371828079224}","num_words":711,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bu nuwo ŋu yi ŋgɔe\nHawòti aɖewo asusu be ele kokoko be ame nano aha hafi ate ŋu akpɔ dzidzɔ. Ke nu kawoe ate ŋu adzɔ le ahaa nono vɔ megbe?\nAme ate ŋu adze se me. Le teƒe aɖewo la, ne se meɖe mɔ na ame be wòano aha o evɔ wònoe la, woate ŋu ado fe nɛ, woabu fɔe be enye nu vlo wɔla, woaxɔ ʋukugbalẽ le esi, woaɖo dɔ sesẽ nɛ atsɔ ahe to nɛ, alo woadee mɔ́ gɔ̃ hã.\n—Romatɔwo 13:3.\nBubu klona le ame ŋu. Ahanono nana ame megatea ŋu ɖɔa ŋu ɖo o. Ne èmu aha la, àte ŋu agblɔ nya alo awɔ nane si ava ve wò emegbe. (Lododowo 23:31-33) Esi nyakakamɔnuwo va bɔ fifia ŋutɔ ta la, wò nuwɔnawo ate ŋu akaka kaba eye wòana bubu naklo le ŋuwò tegbee.\nAte ŋu ana ame naɖe ŋu ɖi. Ne èmu aha la, ele bɔbɔe ŋutɔ be woawɔ ŋutasẽnu alo gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò. Ate ŋu ana ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò bɔbɔe hã, si awɔe be nàva ƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna manɔsenu bubuwo alo esiwo ate ŋu ade wò afɔku me la me.\nAte ŋu azu numame na ame. Numekukuwo ɖee fia be ne ame metsi o hafi dze ahanono gɔme la, enɔa bɔbɔe wu be ahanono nava zu numame nɛ. Ahanono be yeatsɔ alé nuteɖeamedzi alo akogotsitsi nu, alo atsɔ aɖe modzaka ate ŋu ava zu numame na ame eye edzi ɖuɖu nasesẽ.\nAte ŋu ana ame naku. Le ƒe aɖe me nyitsɔ laa la, ame ɖeka kuna le miniti 52 ɖe sia ɖe me le United States, le ame siwo no aha henɔ ʋu kum ta. Le ƒe atɔ̃ aɖe ko me la, ame siwo wu 1,500 siwo mekpɔ xɔ ƒe 21 o ye ku le ʋufɔku siwo me ʋukulawo no aha hafi le ʋua kum ta. Ne wò ŋutɔ meno aha o, evɔ nèɖo ame aɖe si no aha ƒe ʋu la, ele bɔbɔe ŋutɔ be nàdze afɔku.\nÐo tame kplikpaa\nÀte ŋu aƒo asa na ahanono madzemadzee me tsonu vɔ̃ɖiwo ne ètso nya me do ŋgɔ le nu si nàwɔ ŋu.\nBiblia Ƒe Gɔmeɖose: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.\" (Lododowo 22:3) Nunya manɔ eme be ame nano aha hafi aku ʋu alo awɔ nu bubu aɖe si bia susuŋudɔwɔwɔ bliboe o.\nTameɖoɖo kplikpaa: 'Ne matiae be mano aha la, ke makpɔ egbɔ be esɔ le se nu eye nɔnɔme si me manoe le hã sɔ hafi.'\nBiblia Ƒe Gɔmeɖose: \"Miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo.\" (Romatɔwo 6:16) Ne ènoa aha le esi hawòtiwo le enom ko ta la, ke èle mɔ ɖem na wo be woakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. Ne ènoa aha be yeatsɔ aɖe nuteɖeamedzi alo tamebubu dzi kpɔtɔ la, ke mèle nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ la tum ɖo o.\nTameɖoɖo kplikpaa: 'Nyemaɖe mɔ hanyetiwo nazi dzinye mano aha o.'\nBiblia Ƒe Gɔmeɖose: \"Mèganɔ aha tsu nolawo . . . dome o.\" (Lododowo 23:20) Ne xɔlɔ̃ gbegblẽwo le asiwò la, ate ŋu ana nàda wò tameɖoɖo kplikpaa dzi. Ne ènɔa ame siwo noa aha madzemadzee dome la, ke èle ɖokuiwò dem afɔku me.\nTameɖoɖo kplikpaa: 'Nyemade ha kplikplikpli kple ame siwo noa aha madzemadzee o.'","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/ahamuame-nono\/","date":"2018-02-19T10:29:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977785349,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977785348892212}","num_words":525,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JUNE (MASA) 29, 2015\nISRAEL\nIsrael Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ kple nutomekpovitɔwo tso nya me be Yehowa Ðasefowo kpɔ mɔ akpe hena mawusubɔsubɔ. Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso aɖe si wòwɔ nyitsɔ laa me la, ebia tso Ra'anana-dua si be wòawɔ ɖe ɖoɖo si le eya kple Yehowa Ðasefowo dome la dzi ahaya Metro West Kamedefefewɔƒea na wo woawɔ mawusubɔsubɔ ƒe takpekpe eve le teƒea. Subɔsubɔha bubuwo ƒoe ɖe nutoa me dziɖulawo nu wote fli ɖe Ðasefoawo ƒe teƒea hayahaya me esi wòsusɔ ŋkeke ɖeka kple afã pɛ ko ne woadze takpekpea gɔme.\nƲɔnudrɔ̃ƒea Meda Asi Ðe Nutoa Me Dziɖulawo Ƒe Ameŋkumekpɔkpɔnuwɔna Dzi O\nYehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo kple Ra'anana-dua be woahaya teƒe na yewo yewoawɔ takpekpe le April (Afɔfiɛ) 18 kple May (Damɛ) 2, 2015 dzi. Ðasefoawo kpɔe do ŋgɔ be nutoa me dziɖulawo ate ŋu ate fli ɖe ɖoɖoa me elabena le April (Afɔfiɛ) 15 dzi la, nutodziɖulagã gblɔ be yetsi dzi ɖe wɔna si ayi edzi le April (Afɔfiɛ) 18 la valawo ƒe dedienɔnɔ ta. Togbɔ be nutoa me kpovitɔwo ƒe amegã ka ɖe edzi nɛ be kpovitɔwo akpɔ egbɔ be dua le dedie hã la, Ra'anana dumegãwo te fli ɖe teƒea hayahaya ƒe ɖoɖoa me le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Nyadzɔdzɔgblɔlawo ka nya ta be esi subɔsubɔhawo ƒe adaŋudeha me tɔwo ƒoe ɖe dumegãwo nu be ne woɖe mɔ na Ðasefoawo wowɔ takpekpea la, ke yewomagana kpekpeɖeŋu wo azɔ o ta la, wote fli ɖe ɖoɖoa me.\nTogbɔ be Ðasefoawo tsɔ nyaa yi Lod Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea enumake be woana dumegãwo naɖe mɔ na yewo yewoawɔ takpekpea hã la, ɣeyiɣi meli be woakpɔ nyaa gbɔ ale be teƒea hayalawo naɖe mɔ woazã teƒea le April (Afɔfiɛ) 18 dzi o. Ðasefoawo va haya teƒe bubu hena takpekpea wɔwɔ, gake ehiã be woaxe ga si woxe ɖe teƒe gbãtɔa ta la ƒe teƒe ade sɔŋ na teƒe yeyea zazã.\nLe April (Afɔfiɛ) 29 dzi la, Lod Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe na dumegãwo be woawɔ ɖe ɖoɖo si le wo kple Ðasefoawo dome dzi esi wògblɔ be \"[Ra'anana] dumegãwo tu afɔkpo [Yehowa Ðasefowo] ƒe mawusubɔsubɔ, subɔsubɔnuwɔnawo, ƒuƒoƒo ɖekae ƒe ablɔɖe, bubudedeameŋu ƒe gomenɔamesi kple sɔsɔminasɔe ƒe ablɔɖe kpakple gomenɔamesi.\" Kasia la, dumegãwo bia be woaɖe mɔ na yewo yewoaɖo asi ɖoɖoa dzi wɔwɔ dzi gbɔ, gake Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbe woƒe biabia sia le May (Damɛ) 1 dzi. Eye dumegãwo gabia ake be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃, gake Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe eya hã me, eye nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ɖu dzi.\nKpovitɔwo Kpɔ Ðasefoawo Ta\nAle si Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa va ɖe game dzi la ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woawɔ woƒe takpekpea le May 2 dzi. Nutoa me subɔsubɔhakplɔlawo, siwo dome dua ƒe rabiwo ƒe tatɔ kpakple ortodɔks-ha ƒe zazɛ̃nyahelawo siwo wɔa nu adãtɔe le la hã ƒo amehawo nu ƒu be \"yewoado gbe ɖa ɖekae\" atsɔ aɖee afia be yewomeda asi ɖe nyametsotso ma dzi o eye ame 1,500 ye lɔ hoo dze wo yome. Wova ƒo ƒu ɖe kamedefefewɔƒea ƒe mɔnu xoxo hafi Ðasefo 600 va ɖo hena takpekpea wɔwɔ. 'Gbedodoɖa ɖekae' sia va trɔ zu gbɔlɔlɔ blibo. Tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ aɖewo dze Ðasefoawo, siwo dome nyɔnuwo kple ɖeviwo le la dzi. Wodzu wo, ɖe ta ɖe wo ŋu, do ɣli ɖe wo ta, wɔ gbɔɖiamenuwo ɖe wo ŋu, eye wogblẽ woƒe ʋuwo hã dome. Enumake kpovitɔwo tso kpla de nu nyaa me be yewoatsi gbɔlɔlawo ƒe nuwɔnawo nu. Ale si kpovitɔawo de nu nyaa me wɔe be Ðasefoawo te ŋu wɔ takpekpea eye wotrɔ yi aƒe dedie le kpakpã megbe.\nYehowa Ðasefo siwo le Israel kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Israel dziɖuɖumegãwo tso ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe amewo ŋu le woƒe mawusubɔsubɔ ta alo fulelé wo le subɔsubɔha si me wole la ta la ŋu eye woʋli gome si le wo si be woakpe ahade ta agu le ŋutifafa me la ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Israel\/raanana-%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e-k%C9%94k%C9%94t%C9%94-%C6%92e-nyametsotso\/","date":"2018-02-24T23:45:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816068.93\/warc\/CC-MAIN-20180224231522-20180225011522-00147.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995695949,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995695948600769}","num_words":622,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ITALY ƒe anyigba ƒe nɔnɔme kple yame ƒe nɔnɔme to vovo tso nuto yi nuto me. Eƒe ƒuta didi va se ɖe tonutowo me; eƒe anyiehe xɔa dzo gbãgbãgbã eye eƒe dziehe fana miamiamia. Dzotowo bɔ ɖe Italy, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo, abe Stromboli kple Mount Etna, koe tea ŋu wóna.\nItaly nye Europa-dukɔ siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka. Dukɔ bubu me tɔwo, abe Arabitɔwo, Byzantiumtɔwo, Helatɔwo, Normandytɔwo kple Foiniketɔwo, va to du sia me yi kpɔ.\nBlemanuwo kple kpetata dzeaniwo bɔ ɖe dukɔ sia me. Blema Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe glikpowo alo xɔ dzeani siwo wotu le Ðɔɖɔɖoɣi kple Aɖaŋunuwo Ƒe Ɣeyiɣiwo me geɖe le Italy du geɖewo me. Woyɔa aɖaŋudɔwɔla xɔŋkɔwo abe Bernini, Michelangelo kple Raphael ene ƒe ŋkɔwo tɔna ɖe nutatawo, kpetatawo kple tsidzidzi wɔwɔewo ŋu.\nAmewo doa vivi ɖe nuɖuɖu ŋu ŋutɔ, eye nuɖuɖu wɔa akpa vevi aɖe le woƒe dekɔnu geɖewo me. Pasta ye wotsɔ ɖoa kplɔ̃ gbã, eyome ʋulãwo, tɔmelãwo kple amagbewo kplɔnɛ ɖo. Wozãa amititsetse ƒe ami geɖe le nuɖaɖa me, elabena woɖaa ami gbogbo aɖe le dukɔa me. Pizza kple risotto nye Italytɔwo ƒe nuɖuɖu siwo xɔ ŋkɔ ŋutɔ.\nItalytɔwo doa vivi ɖe ame ŋu, wowɔa amedzro eye wolɔ̃a xɔlɔ̃wɔwɔ. Wolɔ̃a dzeɖoɖo hã, eya ta zi geɖe la amewo nɔa dze ɖom le ablɔwo dzi alo nɔa dze ɖom vevie le mɔwo dzi nɔa yiyim.\nItalytɔ akpa gãtɔ gblɔna be Katolikotɔwoe yewonye, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dea sɔleme edziedzi. Wogblɔ be sɔlemeha megakpɔa ŋusẽ boo ɖe amewo dzi le ƒe ʋɛ siwo va yi me o, elabe amewo megale wɔwɔm ɖe sɔlemeha ƒe nufiafia si li tso gbe aɖe gbe ke ku ɖe fuɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ŋu la dzi o.\nYehowa Ðasefowo ya le dzidzedze geɖe kpɔm le Italy. Wonya wo nyuie be wofiaa Biblia amewo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me eye wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. Yehowa Ðasefowo ƒe hame 3,000 kple edzivɔwoe le Italy, eye hame siawo dometɔ geɖe dzea agbagba ɖea gbeƒã na gbe bubu dola siwo menye Italytɔwo o. Le ƒe ewo siwo va yi nyitsɔ laa me la, dutagbedolawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi etɔ̃ sɔŋ le Italy, eya ta eva hiã vevie be woafia Biblia dutagbedolawo.\nÈNYAA?\nTogbɔ be Roma-dua mee Vatican Dugã le hã la, enye du si le eɖokui si tso ƒe 1929 me eye Italytɔwo bunɛ be enye dukɔ bubu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201401\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-italy\/","date":"2018-02-24T06:53:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815435.68\/warc\/CC-MAIN-20180224053236-20180224073236-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991106987,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991106986999512}","num_words":395,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi nusrɔ̃lawo to nudzɔdzɔ dovoɖiname ma me vɔ heɖi go la, wokpɔ nu ɖivɔvɔ̃ aɖe teƒe. Ŋutsu eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le siwo nɔ adã wɔm vevie la ƒu du tso ameɖibɔ si te ɖe afi ma ŋu la me gbɔna Yesu gbɔ! Nuŋlɔɖiawo he susu yi wo dometɔ ɖeka dzi wu, ɖewohĩ le esi eyae nɔ adã wɔm wu eye gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ɣeyiɣi didi wu ta.\nŊutsu sia si ƒe nu wɔ nublanui la nɔa yiyim amama. Zã kple keli la, enɔa \"yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wòtsɔa kpewo nɔa eɖokui sim.\" (Marko 5:5) Ewɔa adã ale gbegbe be dzi menɔa amewo ƒo be woato mɔ ma o. Ame aɖewo dze agbagba be yewoablae, gake ɖeko wòtsoa kɔsɔkɔsɔawo heŋea kunyowu siwo wodea afɔ nɛ. Ame aɖeke mete ŋu kpe edzi o.\nEsi ŋutsua gogo Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu la, gbɔgbɔ vɔ̃ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi la na wòdo ɣli be: \"Nya kae le nye kpli wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Tà Mawu nam be màwɔ fum o.\" Yesu ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi esi wòblu ɖe gbɔgbɔa ta be: \"Wò, gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le amea me.\"—Marko 5:7, 8.\nLe nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe le ŋutsua me. Esi Yesu biae be, \"Ŋkɔwò ɖe?\" hã la, eɖo eŋu be: \"Ŋkɔnyee nye Aʋakɔ, elabena míesɔ gbɔ.\" (Marko 5:9) Ɣemaɣi la, asrafo akpe geɖe ye nɔa Romatɔwo ƒe aʋakɔ me; eya ta esia fia be gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe nɔ fu wɔm ŋutsu sia henɔ dzidzɔ kpɔm ɖe fu si fiam wolee la ŋu. Woɖe kuku na Yesu be \"meganya yewo ɖo ɖe aʋli la me o.\" Edze ƒãa be wonya nu si ava dzɔ ɖe woawo ŋutɔwo kple woƒe ŋgɔnɔla Satana dzi.—Luka 8:31.\nHa gbogbo aɖewo siwo ade 2,000 la nɔ nu ɖum le afi si te ɖe afi ma ŋu. Le Sea nu la, hawo nye lã makɔmakɔ siwo mele be Yudatɔwo nanyi gɔ̃ hã o. Eya ta gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ be: \"Nya mí ɖo ɖe haawo me be míage ɖe wo me.\" (Marko 5:12) Yesu gblɔ na wo be woayi haawo me, eye woge ɖe wo me. Enumake ha 2,000 la katã ƒu du kplikplikpli tso to la ƒe abu nu ge dze ƒu la me doo heno tsi ku.\nEsi ame siwo le haawo kplɔm la kpɔe la, woƒu du yi ɖagblɔe le dua me kple kɔƒewo me. Ale ameawo va be yewoakpɔ nu si dzɔ ɖa. Esi wova la, wokpɔe be ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la li nyuie eye eƒe mo kɔ. Edo awu azɔ hebɔbɔ nɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔnu!\nEsi ame siwo se nya sia alo kpɔ ŋutsua menya nu si agate ŋu ava dzɔ o ta la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Eya ta woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nutoa me. Esi Yesu nɔ tɔdziʋu ɖom be yeadzo la, ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã la ɖe kuku nɛ be wòana yeayi kplii. Gake Yesu gblɔ na ŋutsua be: \"Yi aƒe me le ƒowòmetɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wòe la na wo.\"—Marko 5:19.\nZi geɖe la, Yesu gblɔna na ame siwo ŋu wòda gbe le la be womegagblɔe na ame aɖeke o, elabena medi be amewo nanɔ te ɖe nya siwo ŋu woɖe ami ɖo dzi aƒo nya ta o. Le go sia me la, ame si me gbɔgbɔ vɔ̃a nɔ tsã la ƒe anyinɔnɔ nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be ŋusẽ le Yesu si, eya ta ate ŋu aɖi ɖase na ame siwo gbɔ Yesu ŋutɔ mate ŋu aɖo o. Azɔ hã, ate ŋu ato eƒe ɖaseɖiɖi dzi aʋli Yesu ta ne amewo le nya manyomanyowo gblɔm tso haawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu. Eya ta ŋutsua dzo yi ɖanɔ gbeƒã ɖem tso nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu le Dekapoli nutoa katã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/%C5%8Bus%E1%BA%BD-%C9%96e-gb%C9%94gb%C9%94-v%C9%94%CC%83wo-dzi\/","date":"2018-02-19T13:58:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812665.41\/warc\/CC-MAIN-20180219131951-20180219151951-00613.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982450008,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982450008392334}","num_words":649,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa taa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn alafa geɖe hemaa wo ƒe sia ƒe, ke hã míedoa asi ɖe wo ŋu o. Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo heléa be na wo. Míedoa alɔ ame siwo le subɔsubɔm le Betel kple dutanyanyuigblɔla akpe geɖewo, eye míenaa kpekpeɖeŋu mía nɔviwo ne afɔku dzɔ. Eya ta ɖewohĩ àbia be, 'Afi kae míekpɔa ga le tsɔ wɔa esiawo katãe?'\nMíexɔa nu ewolia, dzɔa ga le amewo si, alo kaa ga aɖe koŋ na amewo be woanɔ xexem o. Togbɔ be míezãa ga gbogbo aɖe ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu hã la, míebiaa gakpekpeɖeŋu amewo o. Anɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la, Gbetakpɔxɔ magazine ƒe tata evelia gblɔ be, míeka ɖe edzi be Yehowa le megbe na mí, eya ta \"míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o\"\nLɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe míetsɔ doa alɔ míaƒe dɔa. Ame geɖe kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Biblia-fiafiadɔa ŋu, eya ta wodzɔa nu faa tsɔ doa alɔ dɔ sia. Ðasefowo ŋutɔ hã lɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ga kple nunɔamesi bubuwo tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu le xexea me godoo hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (1 Kronika 29:9) Nudzɔɖakawo le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me kple míaƒe takpekpewɔƒewo, siwo me ame siwo di be yewoadzɔ nu la tsɔa woƒe nudzɔdzɔwo dena. Woate ŋu aɖo nudzɔdzɔwo ɖa to míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe, jw.org, hã dzi. Ame akpa gãtɔ siwo dzɔa nu la nye ame dahewo abe ahosi dahe si Yesu kafu, si tsɔ gaku sue eve de nudzɔɖakaa me le gbedoxɔa me la ene. (Luka 21:\nMíeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi aʋã ame sia ame si di be 'yeatsɔ yeƒe kesinɔnuwo ade bubu eŋui' la ƒe dzi be wòadzɔ nu atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔa be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.\nNu kae na míaƒe habɔbɔa to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ?\nAleke wozãa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/ga-hena-xexea-kat%C3%A3-d%C9%94a\/","date":"2018-02-21T23:57:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813818.15\/warc\/CC-MAIN-20180221222354-20180222002354-00449.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981411099,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981411099433899}","num_words":311,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anɔ eme be ènya hawòti sɔhɛ aɖewo siwo nɔa gbɔdome zã tina nyuie hafi wogbɔna, wotea ŋu doa awu sia awu si dze wo ŋu, eye wotea ŋu kplɔa wo xɔlɔ̃wo ɖo yia afi sia afi si dzro wo ɣesiaɣi faa. Ðewohĩ dɔ gbogbo siwo le dzila mawo dzie wɔe be womedea dzesi nu siwo wɔm wo viawo le o.\nBiblia ɖee fia be ne dzilawo meléa ŋku ɖe wo viwo ŋu o la, womakpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me o. (Lododowo 29:15) Amemalɔmalɔ̃ si teƒe kpɔm nèle le xexea me egbea ƒe akpa gãtɔ tso amewo ƒe ɖokuitɔdidi gbɔ, eye wohe ame siawo dometɔ geɖe le aƒe siwo me dzilawo medea se boo aɖeke na wo viwo o me.\nMègaɖe mɔ hawòti sɔhɛ bubuwo ƒe nuwɔnawo nadzro wò o, ke boŋ dze agbagba nàbu dziwòlawo ƒe sededewo be wonye kpeɖodzi be wolɔ̃ ye eye wotsɔ ɖe le eme na ye. Ne dziwòlawo dea se na wò le nanewo ŋuti la, ke wole Yehowa Mawu srɔ̃m. Mawu ŋutɔ hã gblɔ be:\n\"Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.\"—Psalmo 32:8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/dzinyelawo-%C6%92e-sededewo\/","date":"2018-03-24T11:20:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257650188.31\/warc\/CC-MAIN-20180324093251-20180324113251-00004.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989771843,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989771842956543}","num_words":190,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nEdzɔ Dzi Na Ezekiel Be Yeaɖe Gbeƒã Mawu Ƒe Gbedeasi\nYehowa tsɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe na Ezekiel le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be wòaɖui. Nu kae ema fia?\nAleke gbedodoɖa hafi asrɔ̃ Biblia kple ŋugbledede akpe ɖe ŋunyee?\nNu kae mawɔ be nɔnɔme nyui nanɔ asinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june19-25\/edz%C9%94-dzi-na-ezekiel-be-yea%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3\/","date":"2018-03-17T17:38:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645248.22\/warc\/CC-MAIN-20180317155348-20180317175348-00791.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982717633,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982717633247375}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃, kpeɖodzi sẽŋuwo le Biblia me siwo ɖee fia be Mawu li. Edea dzi ƒo na mí be míaxɔ Mawu dzi ase, menye be míaxɔ mawusubɔla aɖewo ƒe nyagbɔgblɔwo dzi se tamemabumabui o. Ke nu si wòxlɔ̃ nu mí be míawɔ boŋue nye be míawɔ míaƒe \"tamebubuŋutete\" kple \"nugɔmesese deto\" ŋu dɔ. (Romatɔwo 12:1; 1 Yohanes 5:20) Na míadzro susu siawo siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la me kpɔ:\nEsi xexe sia le ɖoɖo nu eye nu gbagbewo le eme ta la, efia be Wɔla aɖe li. Biblia gbl�� be: \"Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.\" (Hebritɔwo 3:4) Togbɔ be numeɖeɖe sia le bɔbɔe ŋutɔ hã la, agbalẽnyala geɖe gblɔna be eɖe kpe ŋutɔ. *\nMí amegbetɔwo míedina vevie be míase nu si ta míele agbe kple taɖodzinu si le agbea ŋu la gɔme. Eye ne míeɖi kɔ na míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã la, didi sia ya gakpɔtɔ nɔa mía me. Didi sia nye nu si Biblia yɔ be míaƒe 'gbɔgbɔmenuhiahiãwo' la ƒe akpa aɖe, elɔ didi be míanya Mawu ahasubɔe ɖe eme. (Mateo 5:3; Nyaɖeɖefia 4:11) Ale si míedina be míaɖi kɔ na míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ɖo kpe edzi be Mawu li, eɖee fia hã be Wɔla lɔ̃ame si di be míaɖi kɔ na didi ma lae wònye.\n—Mateo 4:4.\nNyagblɔɖiwo le Biblia me siwo me nyawo wogblɔ ɖi tsitotsito ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ eye wova eme pɛpɛpɛ. Ale si nyagblɔɖi mawo va eme pɛpɛpɛ kple ale si wogblɔ wo me nyawo tsitotsito la ɖee fia be ame aɖe si kɔ boo wu amegbetɔwo gbɔe wotso.\n—2 Petro 1: 21.\nBiblia-ŋlɔlawo nya nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋu wòƒo wo ŋɔlimetɔwo tɔ ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, le blema la, ame geɖewo xɔe se be lã aɖewo dzie míaƒe anyigba la le, eye wogblɔna be lã siawo dometɔ aɖewoe nye atiglinyi, gbeha alo nyitsu. Gake Biblia ya gblɔ be Mawu \"meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.\" (Hiob 26:7) Nenema ke Biblia ɖɔ anyigba ƒe nɔnɔme wòde pɛpɛpɛ be ele \"nogoo\" alo \"godoo.\" (Yesaya 40:22, Eʋegbe Biblia) Ame geɖe xɔe se be nu si tae Biblia-ŋlɔlawo te ŋu nya nu mawo siwo ŋu wo ŋɔlimetɔwo menya naneke tsoe o gblɔ lae nye be Mawue ɖee fia wo.\nBiblia ɖo nyabiase sesẽ geɖe siwo ate ŋu awɔe be ame nazu mawudzimaxɔsela ne mekpɔ ŋuɖoɖo na wo o la ŋu. Nyabiase siawo dometɔ aɖewoe nye, Ne Mawu lɔ̃ ame eye wònye ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae fukpekpe kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ bɔ ɖe xexea me alea gbegbe? Nu ka tae zi geɖe la, mawusubɔsubɔhawo wɔe be amewo wɔa nu vɔ̃ esi woana be amewo nawɔ nu nyui boŋ?\n—Tito 1: 16.\n^ mm. 4 Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋununyala Allan Sandage gblɔ tso míaƒe xexe gbahoo sia ŋu kpɔ be: \"Esesẽ nam be maxɔe ase be ale si nuwo [xexea me nuwo] le ɖoɖo nui nye nu si dzɔ tso zitɔtɔ manɔɖoɖonu aɖe me. Ame aɖe kokokoe anya wɔ wo ɖe ɖoɖo nu. Le gonye me la, womate ŋu ase Mawu gɔme o, gake eyae trɔ asi le nuwo ƒe anyinɔnɔ manyatalenu sia ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-lia\/","date":"2018-03-17T17:39:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645248.22\/warc\/CC-MAIN-20180317155348-20180317175348-00791.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981667399,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981667399406433}","num_words":508,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nŊkɔ le ame sia ame si. Ðe mesɔ be ŋkɔ nanɔ Mawu hã si oa? Ame nɔewo ŋkɔnyanya kple eyɔyɔ wɔa kpa vevie aɖe le xɔlɔ̃kadodowo me. Ðe mele be wòanɔ alea le xɔlɔ̃wɔwɔ kple Mawu hã gome oa?\nMawu gblɔ le Biblia me be: \"\nNyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.\" (Yesaya 42:8) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo, abe \"\nMawu ŋusẽkatãtɔ,\" \"\nAƒetɔ Dziɖulagã\" kple \"\nWɔla\" le Mawu si hã la, ede bubu esubɔlawo ŋu esi wòbia tso wo si be woayɔ ye ŋkɔ ŋutɔ.—1 Mose 17:1; Dɔwɔwɔwo 4:24; 1 Petro 4:19.\nMawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me le 2 Mose 6:3. Afi ma gblɔ be: \"\nNyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene; ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.\"\nYehowa ye nye ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔe le Eʋegbe me ƒe alafa geɖewoe nye esia. Togbɔ be agbalẽnyala geɖewo lɔ̃a \"Yahweh\" zazã hã la, Yehowa ye ame akpa gãtɔ ya zãna. Hebrigbe mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa gbãtɔ ɖo. Le gbe sia me la, woxlẽa nu tso ɖusime yia miame me, eye mele abe Eʋegbe ene o. Le Hebrigbea me la, xaxagbeɖiɖi ene, siwo nye יהוה ye wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe. Amewo lɔ̃a Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene mawo, siwo nye YHWH le míaƒe ŋɔŋlɔdzesi nu la yɔyɔ be Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-%C6%92e-%C5%8Bk%C9%94\/","date":"2018-03-20T10:32:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647327.52\/warc\/CC-MAIN-20180320091830-20180320111830-00753.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973770976,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973770976066589}","num_words":218,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIA ƑE MƆFIAME: 'Ame ka adze Mawu ƒe agbadɔ me? Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.'\nVIÐEAWO: Ame akpa gãtɔ dea asixɔxɔ nyateƒetoto kple anukwareɖiɖi ŋu. Gake ne mɔnukpɔkpɔ su ame si be wòato mɔ fitifiti aɖe dzi akpɔ viɖe evɔ ame aɖeke manya o ya ɖe? Ekema ekpo ɖe amea ƒe dzi, si nye ame si tututu wònye le ememe la gbɔ azɔ.\nRaquel si ƒlea dɔwɔnuwo na eƒe dɔwɔƒea gblɔ be: \"Nudzrala aɖewo gblɔ nam be ne meƒle nu le yewo gbɔ la, yewoaɖe gaa dzi kpɔtɔ atsɔ na nye ŋutɔ. Wodo ŋugbe be yewoatsɔ ɖedzia ƒe akpa aɖe nam le esi teƒe be wòayi ɖe míaƒe dɔwɔƒea ƒe ŋkɔ me. Gake meɖo ŋku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe si ku ɖe nyateƒetoto ŋu la dzi eye megbe. Nye dɔtɔ va see emegbe, eye wòva ka ɖe dzinye ŋutɔ.\"\nNenye ɖe Raquel lɔ̃ xɔ ga ma la, anye ne ganyawo de edzi wu ɣeyiɣi kpui aɖe ya. Gake ne eƒe dɔtɔ va nya ya ɖe? Ðe Raquel agakpɔtɔ anɔ dɔa mea? Ke ne egabe yeadi dɔ bubu ya ɖe? Eye nu si gale vevie na Raquel wue nye eƒe dzitsinya kple bubu si le eŋu. \"Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.\"\nJessie nye nyateƒetola, ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui, eye esia na be eƒe dɔtɔ kana ɖe edzi. Aleke wòɖe vi nɛ? Eƒe dɔtɔ tsɔe ɖo dɔdzikpɔla le dɔa me eye wòtrɔ asi le Jessie ƒe dɔwɔɖoɖowo hã ŋu wòde edzi wu. Esia wɔe be wòkpɔa ɣeyiɣi geɖe wu ɖe srɔ̃a kple viawo kpakple eƒe mawusubɔsubɔ ŋu.\nNe dɔtɔ aɖewo le dɔwɔlawo dim la, wodia habɔbɔ siwo me tɔwo ɖia anukware be woawɔ dɔ na yewo. Le kpɔɖeŋu me, esi dɔwɔƒe aɖe si le Philippines ƒe amegã le dɔwɔlawo dim la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le du ma me be woana Ðasefowo nava wɔ dɔ le yewo gbɔ. Amegãa gblɔ be: \"Wonye dɔ sesẽ wɔlawo, wotoa nyateƒe, eye wokua kutri hã.\" Gake míatsɔ kafukafua na Yehowa Mawu, ame si fia mí be 'míalé fu vɔ̃, eye míalɔ̃ nyui' la boŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201502\/nyate%C6%92etoto\/","date":"2018-03-19T21:57:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00186.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988295436,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988295435905457}","num_words":366,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le December 24, 2014 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me wòde dukɔmeviwo dzi, eye nyametsotsoa de Yehowa Ðasefowo kple agbagba siwo wodzena be yewoaƒo nu tso yewoƒe dzixɔsewo ŋu na amewo hã dzi. Ðe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe asu Ðasefo siwo le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me hã si azɔa?\nLe September (Anyɔnyɔ) 4, 2014 dzi la, Kyrgyzstan wɔ ɖe ale si wòka atam le xexemedukɔwo ŋkume be yeado amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ɖe ŋgɔ la dzi esi wòtso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa le se nu le dukɔa me godoo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/kyrgyzstan\/","date":"2018-04-22T22:41:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00149.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987437129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987437129020691}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.379,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu ƒe apostoloawo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔm le Galilea la, ame si ɖe Yesu fia ya mekpɔ ablɔɖe ma o. Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔtɔ le gaxɔ me ƒe eve kloe nye ema.\nYohanes gblɔ le dutoƒo be mesɔ be Fia Herodes Antipa naxɔ nɔviaŋutsu Filipo srɔ̃ Herodia aɖe o. Herodes gbe srɔ̃a gbãtɔ heɖe Herodia. Le Mose ƒe Se si dzi Herodes gblɔna be yewɔna ɖo nu la, srɔ̃ɖeɖe sia nye ahasisrɔ̃ɖeɖe eye mele se nu o. Esi Yohanes ƒe nya la mevivi Herodes nu o ta la, ena wode Yohanes gaxɔ me, eye ɖewohĩ Herodia ye ƒoe ɖe enu.\nHerodes tɔtɔ eye menya nu si wòawɔ Yohanes o, elabena amewo buna \"Yohanes nyagblɔɖilae.\" (Mateo 14:5) Gake Herodia ya metɔtɔ le nya sia me o. Elé \"Yohanes ɖe dɔme,\" eye wònɔ didim be yeana woawui. (Marko 6:19) Mlɔeba la, mɔnukpɔkpɔa va ʋu ɖi nɛ.\nŊkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia la, Herodes wɔ ɖoɖo be yeaɖu azã gã aɖe le yeƒe dzigbeŋkeke dzi. Herodes ƒe dziɖuɖumegãwo kple asrafomegãwo katã kpakple Galileatɔ xɔŋkɔwoe nye ame siwo ƒo ƒu ɖe azã la ɖuƒe. Esi azãɖuɖua nɔ edzi yim la, wodɔ Salome, si nye ɖetugbui dzaa aɖe si Herodia dzi na srɔ̃a xoxoa Filipo la ɖa be wòayi aɖaɖu ɣe na amedzroawo. Ale si wòɖu ɣea la dzɔ dzi na ameawo ale gbegbe.\nHerodes kpɔ dzidzɔ ɖe Salome ŋu ŋutɔ, eye wògblɔ nɛ be: \"Bia nu sia nu si nèdi lam, eye mana wò.\" Eka atam gɔ̃ hã be: \"Nu sia nu si nàbiam la, mana wò, va se ɖe nye fiaɖuƒea ƒe afã ke hã dzi.\" Hafi Salome nagblɔ nu si dim wòle la, edo go yi ɖabia dadaa be: \"Nu kae mabia?\"—Marko 6:22-24.\nMɔnukpɔkpɔ si dim Herodia le la tututue nye esia! Mehe ɖe megbe o, eɖo eŋu be: \"Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta.\" Salome trɔ yi Herodes gbɔ enumake eye wòbia be: \"Medi be nàtsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba me nam fifi laa.\"—Marko 6:24, 25.\nNu sia ve Herodes vevie ŋutɔ, gake eƒe ame kpekpeawo se atam si wòka na Salome la. Ekpe ŋu nɛ be yeagbe nu si wòbia la nana nenye be ema abia be wòawu ame maɖifɔ gɔ̃ hã. Eya ta Herodes dɔ eŋusrafo ɖeka ɖe gaxɔa me be wòaɖawu Yohanes. Kasia eŋusrafo la trɔ gbɔ kple Yohanes ƒe ta le agba gbadzɛ me xoxo. Etsɔe na Salome, eye eya hã tsɔe yi na dadaa.\nEsi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, wova tsɔ eƒe kukua yi ɖaɖi. Eye woyi ɖagblɔ nya la na Yesu.\nEmegbe esi Herodes se ale si Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu eye wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wo me la, dzika tso eƒo ŋutɔ. Enɔ susum be Yesu, si nɔ nu siawo wɔm lae nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela si fɔ \"tso ame kukuwo dome.\" (Luka 9:7) Eya ta Herodes Antipa di vevie be yeakpɔ Yesu. Gake edze ƒãa be menye esi wòdi be yease nu si ƒe gbeƒã ɖem Yesu le tae o. Ke boŋ Herodes di be yeakpɔ Yesu ne yeaɖo kpe edzi be nu si susum yele la nye nyateƒe loo alo menye nyateƒe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/amewuwu-le-dzigbez%C3%A3-a%C9%96e-%C9%96u%C9%A3i\/","date":"2018-04-19T13:40:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125936969.10\/warc\/CC-MAIN-20180419130550-20180419150550-00575.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984547496,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998454749584198}","num_words":517,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nusitae ŋutsu sia le gbe dom ɖa na Yehowa? Nukatae wòkeke agbalẽ siawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ? Ŋutsu lae nye Xizkiya. Enye Israel ƒe anyiehe-to eve fiaɖuƒe la ƒe fia. Eye ele fukpekpe geɖe me. Nukatae?\nElabena Asiria-ʋakɔwo tsrɔ̃ dziehe ƒe to 10 la xoxo. Yehowa na wotsrɔ̃ wo, elabena ameawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Ke fifia la, Asiria-ʋakɔwo va aʋa wɔ ge kple to eve fiaɖuƒe la.\nFifi laa ko Asiria-fia ɖo agbalẽwo ɖe Fia Xizkiya. Agbalẽawoe nye esia Xizkiya ɖo Mawu ŋkume. Agbalẽawo ɖe alɔme le Yehowa ŋu, eye wobe Xizkiya nena ta. Esia tae Xizkiya do gbe ɖa be: 'O, Yehowa, ɖe mí tso Asiria-fia si me. Eye dukɔwo katã nanya be wò ɖekae nye Mawu.' Ðe Yehowa aɖo to Xizkiya?\nXizkiya nye fia nyui aɖe. Mele abe Israel-to 10 fiaɖuƒea ƒe fiawo alo fofoa, Fia Axaz vɔ̃ɖi la ene o. Xizkiya ɖo to Yehowa ƒe sewo katã nyuie. Eyata esi Xizkiya do gbe ɖa vɔ la, nyagblɔɖila Yesaya ɖo gbedasi sia ɖee tso Yehowa gbɔ be: 'Asiria-fia mava Yerusalem o. Eƒe aʋawɔlawo dometɔ aɖeke mate ɖe eŋu o. Womada dati ɖeka hã ɖe du la me o.'\nKpɔ nɔnɔmetata, si le axa sia dzi la ɖa. Ènya amesiwo aʋawɔla kuku siawo katã nyea? Asiriatɔwoe. Yehowa dɔ eƒe dɔla, eye mawudɔla la wu Asiriatɔwo ƒe aʋawɔla 185,000 le zã ɖeka me. Eyata Asiria-fia la na ta hetrɔ dzo.\nTo eve fiaɖuƒe la kpɔ ɖeɖe, eye ameawo kpɔ ŋutifafa hena ɣeyiɣi aɖe. Esi Xizkiya ku la, viaŋutsuvi Manase zu fia. Manase kple via Amon, si kplɔe ɖo la nye fia vɔ̃ɖiwo. Eyata hlɔ̃dodo kple nuvlowɔwɔ gayɔ anyigba la dzi. Esi Amon ŋutɔ ƒe dɔla eve wowui la, woɖo viaŋutsuvi Yosiya fiae ɖe to eve fiaɖuƒe la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/fia-hizkiya\/","date":"2018-04-23T17:11:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946120.31\/warc\/CC-MAIN-20180423164921-20180423184921-00403.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993997812,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993997812271118}","num_words":285,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2014\nLe tata sia me la, àkpɔ ale si nàtu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo ahanɔ susu nyuiwo bum tso ɖokuiwò ŋu. Aleke míalé be na haxɔsetɔ kple dzila tsitsiwoe?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe ƒometɔwo ŋu me? Aleke míaɖe míaƒe dzixɔsewo me na ƒometɔ siwo le xɔseha bubuwo me alo esiwo mele ɖeke me kura o?\nFutɔ aɖe li si ate ŋu anɔ nu gblẽm le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me ŋu vivivi. Nyati sia afia futɔ sia mí, eye wòana míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kplii.\nNu ka tae ame geɖe le avu wɔm kple susu manyomanyowo bubu tso wo ɖokui ŋu? Nyati sia dzro ale si míazã Biblia be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ susu nyuiwo bum tso mía ɖokui ŋu la me.\nKpɔ ale si nɔvi siwo le dukɔ vovovowo me le woƒe ƒometadedeagua wɔm, be nàsrɔ̃ nu tso woƒe kpɔɖeŋu me.\nKpɔ ale si Mawu bua nuteƒewɔla tsitsiwo. Agba kae le vi tsitsiwo dzi le wo dzilawo gome? Aleke hamewo ate ŋu ade bubu ame tsitsi siwo le wo dome ŋu?\nDzila tsitsiwo kple wo vi tsitsiwo ate ŋu ade adaŋu le nyametsotso kple dzadzraɖo siwo hiã ŋu hafi \"ŋkeke vɔ̃wo nava.\" Aleke woate ŋu akpe akɔ kple kuxi mawoe?\nEle be Kristotɔ vavãwo nawɔ ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi eye mele be woƒe nyawo 'nanye ɛ̃ aganye ao' gbeɖe o. Ke ne eva hiã be míagli ɖoɖo aɖe ya ɖe? Srɔ̃ nu tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140315\/","date":"2018-04-23T17:09:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946120.31\/warc\/CC-MAIN-20180423164921-20180423184921-00403.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985100031,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985100030899048}","num_words":265,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae na ame siwo le afi sia le dzidzɔ kpɔm alea gbegbe? Míaƒe takpekpe gãwo dometɔ ɖeka mee wole. Mawu gblɔ na esubɔla siwo nɔ anyi le blema be woakpe ta zi etɔ̃ ƒe sia ƒe. Nenema kee míawo hã míekpɔa mɔ na kpekpe siwo míewɔna le ƒuƒoƒo gãwo me. (5 Mose 16:16) Míewɔa takpekpe etɔ̃ ƒe sia ƒe, siwo nye: ŋkeke ɖeka nutome sue takpekpe si míewɔna zi eve, kple ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe. Aleke takpekpe siawo ɖea vi na míi?\nWodoa ŋusẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. Ale si wòdzɔa dzi na Israel viwo be yewoakafu Yehowa 'le ameha gãwo dome' la, nenema kee wòdzɔa dzi na míawo hã be míade ta agu na Mawu le wɔna tɔxɛ siawo me. (Psalmo 26:12; 111:1) Takpekpe siawo nana mɔnukpɔkpɔ mí be míade ha kple mía nɔvi Ðasefo siwo tso hame bubuwo me alo tso dukɔ bubuwo me. Le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia la, míenɔa takpekpewɔƒea ɖua nu ɖekae kple mía nɔviwo le tadedeagu wɔna siawo me. (Dɔwɔwɔwo 2:42) Míegakpɔa lɔlɔ̃ deto si na mía \"nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã\" wɔ ɖeka le xexea me godoo la teƒe le takpekpe siawo me.—1 Petro 2:17.\nWonana míegawɔa ŋgɔyiyi geɖe le Mawu ƒe Nya la gɔmesese me. Woɖe Ŋɔŋlɔawo me na Israel viwo le takpekpewo me, \"wose nya si wogblɔ na wo la gɔme,\" eye wòɖe vi geɖe na wo. (Nexemiya 8:8, 12) Míawo hã míedea asixɔxɔ Biblia me nufiame siwo míexɔna le míaƒe takpekpewo me ŋu. Ŋɔŋlɔawo dzie wotua takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe sia ɖe ɖo. Wotoa nuƒo tuameɖo vovovowo kple wɔwɔfiawo dzi fiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le míaƒe agbe mee la mí. Ame siwo le dzi dom le nɔnɔme sesẽwo me esi wole agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe nudidiwo nu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese dea dzi ƒo na mí geɖe. Wowɔa drama, si me dramawɔlawo dzrana ɖo wòsɔna ɖe ɣeyiɣi si ƒe nudzɔdzɔ wònye la nu, le nutome gã takpekpewo me, siwo fiaa ale si míawɔ ɖe nufiame siwo le Biblia me ŋutinyawo me dzii la mí. Le takpekpe ɖe sia ɖe me la, wowɔa ɖoɖo na ame siwo di be yewoatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzii la be woaxɔ nyɔnyrɔ.\nNu ka tae takpekpe gãwo nyea dzidzɔɣiwo?\nVi kae takpekpe siawo dede aɖe na wò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/yehowa-%C9%96asefowo-takpekpewo\/","date":"2018-04-22T22:47:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982964396,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982964396476746}","num_words":384,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SƆHƐ Ðasefo aɖewo ɖoe be yewoayi aɖakpɔ video aɖe. Wo tɔ sukuviwo katã nɔ nu ƒom tso eŋu henɔ gbɔgblɔm be enya kpɔ ŋutɔ. Esi woyi videoɖeƒea la, wokpɔe be ame siwo lé tu sesẽwo ɖe asi kple nyɔnu siwo medo awu le nɔnɔme nyui me o ƒe fotowoe woklã ɖe boblodoʋuƒoa dzi. Nu kae Ðasefo sɔhɛawo awɔ? Ðe woayi aɖakpɔ videoa?\nGbe sia gbe la, ehiãna be míatso nya me. Eye nyametsotso siawo ate ŋu ana mía kple Yehowa dome ƒomedodoa nasẽ ɖe edzi loo alo wòagbɔdzɔ. Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu aɖoe be yeawɔ nane, gake ne ègabu eŋu nyuie la, ɖewohĩ àtrɔ susu ahatso nya me be yeawɔ nu bubu. Ðe esia fia be ènye dzimevesusulaa, alo nu si le eteƒe lae nye ema nèwɔa?\nƔeyiɣi Si Me Mele Be Nàtrɔ Susu O\nMíelɔ̃ Yehowa ale gbegbe be esia ʋã mí míeɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ. Míedo ŋugbe be míawɔ nuteƒe nɛ, eye míedi vevie be míawɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi. Gake míaƒe futɔ Satana Abosam awɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 12:17) Míetso nya me be míasubɔ Yehowa ahaɖo toe. Ne míetrɔ susu la, míate ŋu abu míaƒe agbe.\nƑe 2,600 kple edzivɔ ye nye esi va yi la, Babilon Fia Nebukadnezar li sikalegba gã aɖe eye wòde se be ame sia ame nade ta agu nɛ. Woatsɔ ame si da le sea dzi la aƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe me. Sadrax, Mesax kple Abed-Nego nye ɖekakpui siwo subɔa Yehowa eye womedi be yewoawɔ nu si madze eŋu o. Eya ta wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, si wɔe be wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzoa me. Ele eme be Yehowa ɖe wo nukutɔe ya, gake woawo ŋutɔwo hã wonɔ klalo be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe toɖoɖo Mawu.\nEmegbe la, nyagblɔɖila Daniel hã nyae be ne amewo kpɔ ye yele gbe dom ɖa na Mawu la, woatsɔ ye aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, si awɔe be yeaku ŋɔdzitɔe. Gake eyi edzi do gbe ɖa gbe ɖeka zi etɔ̃. Metrɔ eƒe susu ku ɖe Mawu vavã la subɔsubɔ ŋu o, eye Yehowa hã ɖee tso \"dzatawo si me.\"\nMawu subɔla siwo li egbea hã wɔa ŋugbe si wodo na Yehowa ku ɖe adzɔgbe si woɖe nɛ ŋu la dzi. Le suku ƒe wɔna aɖe me le Afrika dukɔ aɖe me la, sukuvi Ðasefo aɖewo gbe be yewomado gbe na aflaga o, eye sukutatɔwo gblɔ be yewoanya wo. Emegbe dudɔnunɔla si kpɔa agbalẽsrɔ̃nyawo gbɔ la ƒo nu na Ðasefo sukuviawo. Vɔvɔ̃ meɖo wo o, ke boŋ woɖe nu si tae womedo gbe na aflagaa o la me bubutɔe. Tso ɣemaɣi la, nya ma megado mo ɖa kpɔ o. Wodea sukua faa, eye ame aɖeke megaƒonɛ ɖe wo nu be woada le Yehowa ƒe se dzi o.\nJoseph hã to dodokpɔ me esi srɔ̃a ku kpata. Joseph ƒe ƒometɔwo lɔ̃ ɖe ameɖiɖi ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ la dzi. Gake srɔ̃a ƒe ƒometɔwo mele nyateƒea me o, eya ta wodi be yewoade kukɔnu siwo medzea Mawu ŋu o la ɖoɖoa me. Joseph gblɔ be: \"Esi meɖoe be nyematrɔ susu o ta la, wodze agbagba be yewoaƒo nya ɖe vinyewo nu; ke hã wonɔ te sesĩe. Ƒometɔwo di be yewoadɔ ŋu le nye aƒe me abe ale si woawo wɔnɛ ene. Gake megblɔ na wo be ne wodi be yewoadɔ ŋu kokoko la, ke menye nye aƒe mee woawɔe le o. Wonyae be ŋudɔdɔ mewɔ ɖeka kple nye kple srɔ̃nye ƒe dzixɔsewo o, eya ta le nyawo léle kpɔ ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, woyi ɖadɔ ŋua le teƒe bubu.\n\"Le konyifafa ƒe ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, meɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, ale be míaƒe ƒomea nagada le eƒe sewo dzi o. Ese nye gbedodoɖawo eye wòkpe ɖe mía ŋu míenɔ te sesĩe ɖe nyaƒoɖeamenuawo nu.\" Joseph kple viawo mebui kpɔ gɔ̃ hã be yewoatrɔ susu le ale si yewoɖoe be yewoaɖo to Yehowa la ŋu gbeɖe o.\nƔeyiɣi Si Me Nàte Ŋu Atrɔ Susu\nLe ƒe 32 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, nyɔnu aɖe si menye Israel-vi o la ɖe kuku na Yesu be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ ado goe le ye vinyɔnuvi me. Togbɔ be enɔ Yesu biabia dzi hã la, Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. Eɖe eme na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Womedɔm ɖe ame bubu aɖeke gbɔ o, negbe ɖe Israel ƒe me alẽ búbuawo gbɔ ko.\" Gake nyɔnua mena ta o, eya ta Yesu gblɔ nɛ be: \"Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.\" Nyɔnua ɖe xɔse si gbegbe le esi fia esi wòɖo eŋu be: \"Aƒetɔ, ele nenema baa; ke hã, avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.\" Yesu trɔ susu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le via me.\nAle si Yesu lɔ̃ faa trɔ susu le afi si wòsɔ le la nye Yehowa ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel-viwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu hesubɔ sikanyivia la, eɖoe be yeatsrɔ̃ wo. Gake esi Mose ɖe kuku ɖe wo ta la, Yehowa lɔ̃ trɔ susu.\nPaulo hã lɔ̃ faa trɔ susu, abe ale si Yehowa kple Yesu wɔe ene. Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, Marko gblẽe ɖi. Le ema ta, Paulo megadi be yeakplɔ Marko ɖe asi le mɔzɔzɔ bubu aɖeke me o. Gake edze abe emegbe la, Paulo de dzesii be Marko trɔ eƒe nɔnɔme eye ate ŋu akpe ɖe ye ŋu geɖe. Eya ta Paulo gblɔ na Timoteo be: \"Kplɔ Marko, ne mia kplii miava, elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔ gome.\"\nNu kae míesrɔ̃ tso esiawo katã me? Togbɔ be Yehowa de blibo hã la, elɔ̃na trɔa susu, le esi wòlɔ̃ mí eye wònye nublanuikpɔla kple dzigbɔɖitɔ ta. Míawo ya míede blibo o, eye menye ɣesiaɣie míaƒe nuŋububu nɔa eteƒe o. Eya ta egahiã geɖe wu be míatrɔ susu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ale si míebua ame aɖewoe tsã la ate ŋu atrɔ ne míeva se nɔnɔme si me wole la gɔme nyuie wu.\nAte ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be míatrɔ susu le ale si míebua teokrasitaɖodzinuwoe ŋu. Ðewohĩ míesrɔ̃a Biblia hedea kpekpeawo, gake míele nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Alo be anya wɔ be míanye mɔɖelawo hafi, gake míele hehem ɖe megbe. Ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu aɖe manɔ subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ƒe dɔa minyam o. (1 Timoteo 3:1) Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe nèkpɔe be yeate ŋu atrɔ susua? Yehowa le kpewòm be nàtsɔ agbanɔamedzi siawo ale be nàtsɔ dzidzɔ asubɔ Mawu kple ame bubuwo.\nElla, si nye Betel-ƒomea me tɔ le Afrika dukɔ aɖe me la gblɔ be: \"Esi meva Betel gbã la, mese le ɖokuinye me be nyemate ŋu anɔ anyi wòadidi o. Didia nɔ menye be masubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo, ke hã mía kple nye ƒomea me tɔwo dome nɔ kplikplikpli ŋutɔ. Le gɔmedzedzea la, mesusu wo ŋutɔ! Gake ame si mía kplii míenɔ xɔ me la de dzi ƒo nam, eya ta meɖoe be manɔ anyi. Le Betel nɔnɔ ƒe ewo megbe la, meva di be mayi edzi asubɔ le afi ma ɣeyiɣi didi si mate ŋui, ale be mate ŋu asubɔ nɔvinyewo to dɔ si wode asi nam le Betel la wɔwɔ me.\"\nƔeyiɣi Si Me Wòle Be Nàtrɔ Susu\nƔeaɖewoɣi la, eva hiãna kokoko be míatrɔ susu. Le kpɔɖeŋu me, Kain ʋã ŋu nɔvia eye wòbi \"dzi ŋutɔ.\" Mawu kpɔe be Kain le nu gbegblẽ aɖe wɔ ge, eya ta exlɔ̃ nui be wòaɖu eƒe dzikua dzi. Mawu gblɔ na Kain be \"nu vɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu\" nɛ. Gake le esi teƒe be Kain natrɔ eƒe susu kple eƒe nɔnɔme la, edo toku Mawu ƒe nuxlɔ̃amea. Nublanuitɔe la, Kain va wu nɔvia!\nMíate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Fia Uziya dzi hã me. Tsã la, eɖo to Yehowa, eye wònɔ ƒomedodo nyui me kplii. Gake nublanuitɔe la, eva do eɖokui ɖe dzi. Eyi gbedoxɔa me be yeado dzudzɔ evɔ nunɔlawo koe wɔa dɔ ma hafi. Nunɔlaawo xlɔ̃ nui, gake metrɔ susu o. Uziya \"do dɔmedzoe\" eye wòdo toku woƒe nuxlɔ̃amea. Eya ta Yehowa na anyi ƒo ɖe eŋu.\nAle si wòhiã be ame natrɔ susu la ƒe egbegbe kpɔɖeŋu ɖekae nye Joachim, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me, gake wova ɖee le haa me le ƒe 1978 me. Ƒe 20 kple edzivɔ megbe la, etrɔ eƒe nɔnɔme hetrɔ dzi me eye wòtrɔ va nyateƒea me. Esi hamemetsitsi aɖe bia Joachim be nu ka tae wòlala ɣeyiɣi didi ma gbegbe ɖo hã la, eɖo eŋu be: \"Dziku kple dadae nɔ menye tae. Evem be melala ɣeyiɣi didi ma gbegbe. Gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, menyae be Yehowa Ðasefowo ko sie nyateƒea le.\"\nEva hiãna be míatrɔ asi le míaƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo ŋu ɣeaɖewoɣi. Ne míelɔ̃na faa wɔa esia la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20141215\/n%C3%A0tr%C9%94-w%C3%B2-susu\/","date":"2018-04-20T09:49:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00355.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975254536,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975254535675049}","num_words":1462,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Malaki ƒe ŋkekeawo me la, Israel-vi geɖe gbe wo srɔ̃wo le nya maɖinyawo ta. Ame siwo wɔa alakpanu ɖe wo srɔ̃wo ŋu la ƒe subɔsubɔ medze Yehowa ŋu o\nYehowa yra srɔ̃tɔ siwo lé be na wo srɔ̃wo lɔlɔ̃tɔe la\nAleke srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo egbea . . .\nle susu me?\nle nu siwo wokpɔna me?\nle nuƒoƒo me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec25-31\/%C9%96e-w%C3%B2-sr%C9%94%CC%83%C9%96egben%C9%94n%C9%94-dzea-yehowa-%C5%8Bua\/","date":"2018-04-21T06:38:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00477.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996304512,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996304512023926}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 17, 2013\nXEXEA ME ƑE NYADZƆDZƆWO\nAƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe nyanuɖela, ƒo nu tso ƒe 2013 'Mawu Ƒe Nya La Nye Nyateƒe!' Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe ŋu kple nu si tae wòle vevie be woagblɔ wɔna sia ŋu nyatakakawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/video-kpui-yehowa-%C9%96asefowo-%C6%92e-%C6%92e-2013-nutome-g%C3%A3-takpekpe\/","date":"2018-04-25T18:57:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00637.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992687106,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992687106132507}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.333,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne mekpɔ wò dziƒowo, dɔ siwo nètsɔ wò asibidɛwo wɔ, ɣleti kple ɣletivi siwo nèwɔ la, nu kae amegbetɔ nye, be nèɖoa ŋku edzi?—Ps. 8:3, 4.\nNuwɔwɔwo ɖo kpe edzi be Mawu nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o. Biblia gblɔ be: \"Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi. Nugɔmesesee wòtsɔ li ke dziƒowo.\" (Lod. 3:19) Mawu ƒe \"mɔwo ƒe nugbɔ\" koe míenya, \"eye nya si míese le eŋu la nye dalĩdodo ko!\" (Hiob 26:14) Ke hã, nu ʋɛ siwo míenya tso ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo ŋu la nana míekpɔnɛ be dziƒoŋunu siawo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Ɣletivi miliɔn geɖewoe le ɣletivihatsotso ɖe sia ɖe me, eye wo katã wole zɔ ɖem le dziƒonutowo me le ɖoɖo nu. Eye ɣletinyigba siwo te ɖe ɣea ŋu la ƒoa xlã ɣea le ɖoɖo nu abe ʋukula siwo le ʋukusewo dzi wɔm pɛpɛpɛ ene. Kakaɖedzitɔe la, ɖoɖo wɔnuku si nu xexe gbahooa le kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Yehowa, ame si \"wɔ dziƒowo [kple anyigba] le aɖaŋu me\" la dze be míakafui, awɔ nuteƒe nɛ ahasubɔe.—Ps. 136:1, 5-9. w16.11 2:3\nWoasa nunavɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.—Mal. 3:3.\nMalaki 3:1-3 ƒo nu tso nu si dzɔ—tso ƒe 1914 va de asi na ƒe 1919—esime wokɔ \"Lewi viwo,\" alo amesiaminawo, ŋu la ŋu. Ɣemaɣi la, \"Aƒetɔ vavã\" la, si nye Yehowa Mawu, kple \"nubabla ƒe dɔla,\" si nye Yesu Kristo, wova gbɔgbɔmegbedoxɔa me be yewoalé ŋku ɖe ame siwo le subɔsubɔm le afi ma ŋu. Esi Yehowa kɔ eƒe amewo ŋu vɔ la, wonɔ klalo azɔ be woaxɔ subɔsubɔ ƒe dɔdeasi bubu. Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo \"kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" la be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yeƒe aƒemesubɔviwo. (Mat. 24:45) Mawu ƒe amewo vo tso Babilon Gã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me azɔ. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ƒe amenuveve wɔe be woyi edzi le si dzem eƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu eye lɔlɔ̃ si le wo si na mía Fofo si le dziƒo hã nu le sesẽm ɖe edzi. Aleke gbegbe wodaa akpe ɖe yayra sia tae nye esi! w16.11 5:14\n'Midom kpɔ be nyemaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo na mi, eye nyemadudu yayra akɔ ɖe mia dzi va se ɖe esime naneke magahiã mi o hã,' aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.—Mal. 3:10.\nMíelɔ̃ Yehowa, elabena 'etre mí lɔlɔ̃.' (1 Yoh. 4:19) Mɔ siwo nu Yehowa ɖenɛ fiana le be yelɔ̃ ye subɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖekae nye be eyraa wo. Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu le dzidzim ɖe edzi la, míaƒe xɔse hã dzina ɖe edzi. Menye ɖeko míexɔnɛ sena be eli o, ke míekana ɖe edzi hã be eɖoa eteƒe na ame siwo wòlɔ̃ la kokoko. (Heb. 11:6) Nu siwo ɖe dzesi le Yehowa ŋu dometɔ ɖekae nye be enye teƒeɖola. Eƒe amenyenyea ƒe akpa vevi aɖee esia nye. Ne míexɔe se be Mawu aɖo eteƒe na ame siwo dinɛ vevie o la, míaƒe xɔsea made edeƒe o, elabena \"xɔse nye dziɖoɖo ɖe nu si wole mɔ kpɔm na la ŋu kakaɖedzitɔe.\" (Heb. 11:1) Ɛ̃, xɔse bia be ame naka ɖe edzi be yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do la ava eme godoo. Abe ale si egbe ƒe mawunyakpukpuia ɖee fia ene la, Yehowa kpea mí be míawɔ nu siwo ana yeayra mí. Míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe amekpekpe nyui sia ŋu ne míewɔ ɖe edzi. w16.12 4:1-3","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-04-24T22:34:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965555072,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996555507183075}","num_words":528,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èle aɖaŋuɖoɖo vavãwo dima? Agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s'interrogent — Réponses pratiques), Volume 2 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Àkpɔ sɔhɛ alafa geɖe siwo wobia gbee le xexea me godoo la ƒe nyawo le agbalẽ sia me axlẽ. Wogblɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe vi na woe. Azɔ kpɔ vi siwo agbalẽ sia ate ŋu aɖe na wò ɖa.\nAgbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ biabia siwo gbɔna la ƒe ŋuɖoɖo:\nAle Si Ŋutsuvi Kple Nyɔnuvi Awɔ Nu Kple Wo Nɔewo\nTɔtrɔ Siwo Vana Le Agbe Me\nXɔlɔ̃dzedze Ƒe Kuxiwo\nSuku Kple Sukuhatiwo\nGanyawo\nDziwòlawo\nWò Seselelãmewo\nModzakaɖeɖe\nŊgɔyiyi Le Mawusubɔsubɔ Me\nÀte ŋu awɔ agbalẽ sia ƒe PDF ƒe kɔpi, alo aŋlɔ agbalẽ na míaƒe dɔwɔƒewo abia agbalẽa ƒe tata ƒe kɔpi ɖeka.\nDe Dzesi: Fifia woate ŋu aŋlɔ nu alo ade dzesi nu le agbalẽ sia ƒe PDF me. Ne wò PDF-ʋunua tea ŋu wɔa dɔ sia la, ekema àte ŋu aŋlɔ nu ɖi alo ade dzesi nyawo ɖi le agbalẽa ƒe kɔpi si nèwɔ la ŋutɔ me tẽe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/young-people-ask-volume-2\/","date":"2018-04-24T23:28:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00415.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985069036,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985069036483765}","num_words":177,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Ruben Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Ruben, Yakob viŋutsu tsitsitɔ ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Ruben Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Ruben Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013142\/univ\/art\/502013142_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/ruben\/","date":"2018-04-23T18:37:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946120.31\/warc\/CC-MAIN-20180423164921-20180423184921-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983698726,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983698725700378}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe dɔwɔƒegã le United States le Amerika. Ke hã, menye Amerikatɔwo ƒe kɔmamae míenye o, le susu siwo gbɔna ta:\nAme aɖewo ɖea kɔmama gɔme be enye ƒuƒoƒo aɖe si ma ɖa tso subɔsubɔha si li xoxoxo la ŋu. Yehowa Ðasefowo mema ɖa tso subɔsubɔha aɖeke ŋu o. Ke boŋ míesena le mía ɖokui me be míegbugbɔ Kristotɔnyenye si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la ɖo anyi ake.\nYehowa Ðasefowo le woƒe subɔsubɔdɔa dzi vevie le dukɔ siwo wu 230 me. Eɖanye dukɔ ka ke mee míele o, míetsɔa míaƒe bubu gãtɔ naa Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, ke menye na United States dziɖuɖua alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke o.\n—Yohanes 15: 19; 17: 15, 16.\nBiblia dzie míetu míaƒe nufiafiawo katã ɖo, ke menye subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo le United States ƒe agbalẽwo dzie o.\n—1 Tesalonikatɔwo 2:13.\nYesu Kristo ye nye mía kplɔla, ke menye amegbetɔ aɖekee o.\n—Mateo 23: 8-10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/menye-k%C9%94mama-o\/","date":"2018-04-23T18:38:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946120.31\/warc\/CC-MAIN-20180423164921-20180423184921-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986588359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986588358879089}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agble aɖewo le New York City ƒe dzigbe anɔ abe kilometa 145 ene le kɔƒe sue aɖe si te ɖe Wallkill si le New York ŋu me. Agble siawo wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-fiafiadɔ si wowɔna le xexea me godoo la me. Woyɔa agble siawo egbea be Gbetakpɔxɔ-gblewo. Woƒle agble siawo ƒe gbãtɔ ƒe 50 aɖewoe nye esia le January 2, 1963 dzi.\nAƒetɔ David Walker, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si wɔ dɔ le Wallkill tso gɔmedzedzea gblɔ nu si tae woƒle agble gbãtɔa ɖo be: \"Ame siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn le New York la nɔ dzidzim ɖe edzi eye ehiã be woadi nuɖuɖu na dɔwɔlawo evɔ womazã ga fũu o. Agble bubu siwo Yehowa Ðasefowo va nɔ dedem ɣemaɣi la le New York ƒe dzigbe, eye afi sia didi abe gaƒoƒo ade va se ɖe enyi ƒe mɔzɔzɔ ene tso Brooklyn gbɔ. Gake tso Brooklyn yi Wallkill ya axɔ gaƒoƒo eve pɛ ko. Esia na be teƒe sia sɔ na mí wu.\" Yehowa Ðasefowo dea amagbegblewo kple kutsetsegble le teƒe sia, wonyia koklowo, hawo kple nyiwo eye wowɔa nu vovovo siwo wotsɔa nyinotsi wɔna la hã le afi sia. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova de agble bubuwo kpee.\nLe ƒe ewo pɛ ko me la, ale si Yehowa Ðasefowo dzi ɖe edzi la va na be wova le Wallkill zãm le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Tsɔ kpe ɖe kutsetse ŋutɔŋutɔ siwo woate ŋu aŋe ŋu la, wova te agbalẽwo tata le afi sia, eye esia kpe asi ɖe kpɔɖeŋu ƒe nuŋeŋedɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ŋu. (Mateo 9:37; Luka 10:2; Yohanes 4:35, 36) Na míakpɔ dɔ siwo yi edzi le Wallkill la dometɔ aɖewo ko ɖa.\nAgbalẽtata: Le ƒe 1900-awo ƒe domedome la, agbalẽtaƒe si le Brooklyn le New York lae wotaa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ akpa gãtɔ le. Gake agbalẽ sɔgbɔ wu hiã, eye agbalẽ siwo tam wole le Brooklyn megate ŋu le dedem o. Le ƒe 1973 me la, Yehowa Ðasefowo ɖo agbalẽtaƒe bubu ɖe Wallkill. Tso ɣemaɣi la, wokeke agbalẽtaƒea ɖe enu zi geɖe, eye zi mamlɛtɔ si wogawɔ esiae nye ƒe 2004.\nKɔmpiutamɔ̃ɖaŋununya: Le ƒe 1979 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te asitɔtrɔ le kɔmpiutaɖoɖo aɖe ŋu le Wallkill, eye wona ŋkɔe be Kɔmpiuta Nuŋlɔɖoɖo Tɔxɛ Si Nana Woŋlɔa Nu Ðe Gbegbɔgblɔ Vovovowo Me (MEPS). Kɔmpiutaɖoɖo sia wɔe be míetea ŋu taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbe 600 kple edzivɔwo me.\nHehenana: Le ƒe 1988 me la, woɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la tso Brooklyn yi Wallkill, eye wodze sukua ƒe klas gbãtɔ gɔme le October 17 dzi. Sukua nɔ afi ma va se ɖe esime woɖee yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson le New York le April 1995 me.\nAbe ale si wònɔna le agble bubuwo gome ene la, aɖaŋu siwo wozãna le Gbetakpɔxɔ-gblewo me kple eƒe dɔwɔwɔ la hã trɔ. Ke hã, wodzea agbagba vevie naa nuɖuɖu nyui ame siwo le dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe Betel si le New York le Amerika.\nFifi laa la, Yehowa Ðasefowo le dɔwɔxɔwo, mlɔƒewo kple xɔ bubuwo tum le Wallkill. Wole asi trɔm le xɔ xoxowo hã ŋu. Esiawo katã wɔe be wote ŋu le asi trɔm le gbɔgbɔmenuɖuɖuwo ŋu le Gbetakpɔxɔ-gblewo me hena ame gbogbo siwo va le ɖeka wɔm kple Yehowa Ðasefo siwo le anyigbaa ƒe akpa sia.\nDavid Walker si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: \"Ne mekpɔ ale si agble nyaŋui sia dze egɔme le Wallkill ƒe 50 aɖewoe nye esia heva zu teƒe nyadri sia kple ale si wole ezãm tsɔ le asi kpem ɖe xexea me katã ƒe Biblia-fiafiadɔa ŋu la, dzi dzɔam ale gbegbe!\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/betel\/gbetakp%C9%94x%C9%94-gbleawo-wallkill-new-york\/","date":"2018-04-22T22:40:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987101555,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987101554870605}","num_words":598,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Edze Eʋevi ɖesiaɖe be woanya nane tso Eʋeawo ƒe dzɔtsoƒe ŋuti. Esia awɔe be woate ŋu agblɔ nya tso eƒe Eʋevinyenye ŋuti kakaɖedzitɔe. Afisi Eʋeawo le egbe la, menye afimae wonɔ tso blema ke o. Wonɔ teƒe vovovowo kpɔ hafi va ɖi te ɖe afisi wole alo míele egbe anye ƒe akpe ɖeka (1000) kple edzivɔwoe nye esi vayi [ Le Ƒe 1001 tsɔyi Ƒe 1100 me]\nAbe alesi míado dzesie le nɔnɔmetata siawo (esiwo nele gɔme) dzi ene la, dukɔ siawo (Ewe-Aja-PhlaPhera-Fon) si míeyɔna le eʋegbe me be (Eʋeawo-Adzawo-Ƒlaƒeɖatɔwo-Fɔawo), nye dukɔ ɖeka si zɔ̃ mɔ le hatsotso ɖeka me heva ɖo ƆYƆ alo Oyo (le Nigeria) hafi ga ʋu dzo le ƆYƆ, yiɖe IFẼ (le Nigeria) emegbe, heva dze KETU (le Benin). Emegbe dukɔ siawo ga ʋu dzo le teƒe ma hã heyi ɖa nɔ TADO (le Togo) kple NƆTSIẼ (le Togo). Ame aɖewo tso fiaɖuƒe ɖe TADO eye ɖewo hã tso fiaɖuƒe ɖe NƆTSIẼ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-22","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/xotutuwo","date":"2018-05-24T21:37:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-22\/segments\/1526794866870.92\/warc\/CC-MAIN-20180524205512-20180524225512-00514.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985910654,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":13,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985910654067993}","num_words":152,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa mekpɔa ame ŋkume o. (Dɔw 10:34, 35) Exɔa ame siwo \"tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me\" ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. (Nyɖ 7:9) Eya ta nazãbubu alo ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Kristo-hamea me o. (Yak 2:1-4) Esi Mawu fiaa nu mí ta la, míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me si na míele gbɔgbɔmeparadiso me. (Yes 11:6-9) Ne míedze agbagba vevie ɖu vovototo dede amewo me dzi le míaƒe dzi me la, ekema míaɖee afia be míenye Mawu srɔ̃lawo.—Ef 5:1, 2.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE JOHNY KPLE GIDEON: WONYE FUTƆWO TSÃ, GAKE FIFIA WOZU NƆVIWO. EMEGBE MIÐO BIABIA SIWO LE ETE LA ŊU:\nAleke ale si Mawu fiaa nu mí la ƒo agbagba ɖe sia ɖe si dzem amegbetɔwo le be yewoaɖe vovototo dede amewo me kple nazãbubu ɖa ta sãsãsã?\nNu kae wɔ dɔ ɖe dziwò tso nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me katã la ŋu?\nAleke míedoa Yehowa ɖe dzi ne míewɔ ɖeka abe Kristotɔwo ene?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec19-25\/mawu-fiaa-nu-vovototo-amewo-me\/","date":"2018-09-22T19:21:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267158633.40\/warc\/CC-MAIN-20180922182020-20180922202420-00394.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951610565,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951610565185547}","num_words":156,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mibu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya . . . ƒe fu la ŋu.—Heb. 12:3.\nEsi Paulo ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ vovovowo ŋu vɔ la, ehe susu yi ame si ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi la dzi—eyae nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo. Hebritɔwo 12:2 gblɔ be: \"Edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.\" Vavãe, ele be 'míaƒe susu nanɔ' ale si Yesu do dzi le xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me la 'dzi'. Nusrɔ̃la Antipa kple Kristotɔ gbãtɔ bubu siwo ku xɔsetaku la ɖoe kplikpaa be yewomadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa o, abe ale si Yesu wɔe ene. (Nyaɖ. 2:13) Woafɔ wo ɖe tsitre woaɖanɔ agbe le dziƒo, eye teƒeɖoɖo sia ƒo \"tsitretsitsi si nyo wu,\" si xɔsetɔ siwo nɔ anyi le blema la nɔ mɔ kpɔm na la ta. (Heb. 11:35) Ɣeyiɣi aɖe megbe tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, wofɔ amesiamina wɔnuteƒe mawo katã ɖe tsitre yi dziƒo ale be woa kple Yesu woaɖu fia ɖe amegbetɔƒomea dzi.—Nyaɖ. 20:4. w16.10 3:12\nMiyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe.—Heb. 3:13.\nDzila aɖewo mekafua wo viwo o, elabe wo dzilawo mekafu wo kpɔ o. Dɔtɔ geɖewo mekafua woƒe dɔwɔviwo o, eya ta dɔwɔviawo faa konyi be womedea dzi ƒo na yewo o. Dzidede ƒo na ame bia be míakafu ame ɖe nu nyui aɖe si wòwɔ ta. Míagate ŋu ade dzi ƒo na amewo ne míeka ɖe edzi na wo be nɔnɔme nyuiwo le wo si alo ne míefa akɔ na \"ame siwo ƒo dzi ɖe le.\" (1 Tes. 5:14, etenuŋɔŋlɔa.) Helagbe me nya si gɔme woɖena zi geɖe be \"dzidede ƒo na ame\" fia \"ameyɔyɔ va ame ɖokui gbɔ.\" Esi míele subɔsubɔm kple mía nɔviwo ɖekae ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míade dzi ƒo na mía nɔewo. (Nyagb. 4:9, 10) Ðe míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nana amewo nyana nu siwo ta míelɔ̃ wo ɖo kple ale si gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋua? Hafi míaɖo biabia sia ŋu la, anyo be míade ŋugble le lododo sia ŋu: \"Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!\"—Lod. 15:23. w16.11 1:3-5\nKpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!—Ps. 133:1.\nEsi Mawu nɔ ale si nuwo anɔ na eƒe dukɔa gblɔm ɖi la, egblɔ be: \"Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene.\" (Mika 2:12) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Zefaniya dzi be: \"Matrɔ dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔ wòanye gbegbɔgblɔ dzadzɛ, ne wo katã nayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe le ɖekawɔwɔ me.\" (Zef. 3:9) Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye si be mɔnukpɔkpɔ su mía si míele Yehowa subɔm le ɖekawɔwɔ me! Eme kɔ ƒãa be aɖaŋuɖoɖo siwo tso gbɔgbɔ me, siwo le Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽa me la kpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto kple teƒe bubuwo la ŋu be wokpɔ hameawo ƒe dzadzɛnyenye, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ta. (1 Kor. 1:10; Ef. 4:11-13; 1 Pet. 3:8) Egbea hã, esi Mawu ƒe habɔbɔa wɔ ɖeka le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me ta la, wole Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋuti nya kakam le anyigba bliboa dzi. w16.11 2:16, 18","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-10-22T21:32:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583515539.93\/warc\/CC-MAIN-20181022201445-20181022222945-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959615469,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959615468978882}","num_words":515,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tsi gã aɖe dza le Titina Europa le June 2013 me, esia tɔgbi medza le nuto sia me kpɔ o, eye wòna tɔsisiwo ɖɔ gbagba. Le Hungary (Hongrie) la, Danube Tɔsisia ɖɔ gbagba le eƒe goawo katã kloe dzi, eye tsia meɖɔ nenema kpɔ o.\nLe nudzɔdzɔ kpata sia me la, Hungariatɔwo Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Amegbetɔwo Ƒe Nyawo Gbɔ bia Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dua me la be ɖe wòanya wɔ be woana Ðasefowo nakpe asi ɖe yewo ŋu yewoaxe mɔ na tsia ale be magagblẽ nu le amewo ŋu o mahã. Esia ta alɔdzedɔwɔƒea bia tso hame siwo katã le nuto siwo katã le Danube Tɔsisia ŋu me la si be woakpe asi ɖe mɔxexe ɖe tɔɖɔɖɔ nu ƒe ɖoɖo si dumegãwo wɔ la ŋu.\nNukutɔe la, Ðasefo gbogbo aɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ dɔ sia. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, Ðasefo 900 kple edzivɔ siwo tso hame 72 me kpe asi ɖe eŋu wogbugbɔ do tɔawo to wòsesẽ wu tsã. Wobia tso wo si be woade akɔtagbalẽvi si dzi woŋlɔ ɖo be \"Yehowa Ðasefowo,\" woŋlɔ woƒe ŋkɔwo kple du siwo me wotso la hã ɖe edzi.\nLe du gã aɖe me la, Hungariatɔwo ƒe Atitsoga Dzĩ habɔbɔ ƒe teƒenɔla ŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe hameawo dometɔ ɖeka, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: \"Miedze na akpedada kple bubu, elabe ɖekawɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na faa be yewoana kpekpeɖeŋu ƒe kpɔɖeŋu si mieɖo la mebɔ o, eye ale si mietso teƒe didiwo va wɔa dɔ sia hã wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ! Meƒoa nu tso kpɔɖeŋu ɖedzesi si mieɖo la ŋu dadatɔe le míaƒe nutoa me!\"\nÐoɖo si wowɔ be woaxe mɔ ɖe tɔsisia nu be magblẽ nu o la ƒe zimenɔla, si ganye Hungariatɔwo ƒe Sewɔtakpekpe me tɔ la ŋlɔ lɛta na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea tsɔ da akpe na wo ɖe dɔ nyui si wowɔ la ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/nutoa-me\/hungary-danube-kpekpe%C9%96e%C5%8Bunad%C9%94\/","date":"2018-10-21T20:06:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583514314.87\/warc\/CC-MAIN-20181021181851-20181021203351-00019.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999448359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994483590126038}","num_words":314,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.309,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOYƆ ŋkɔ vovovowo abe Transoxiana, Anyigba Si Le Tɔsisiwo Dome, Tartary kple Turkistan ene na dukɔ sia tsã. Fifia woyɔnɛ be Uzbekistan, alo \"Uzbektɔwo Ƒe Anyigba.\" Tso keke ƒe alafa 15 lia ƒe gɔmedzedze me kee Uzbekistan dugãwo ɖea vi na asitsala siwo zɔa mɔ toa Sedamɔa dzi, enye mɔ aɖe si nɔ China kple Mediterranea dome kpɔ. Ðeti koŋue Uzbektɔwo tsɔna lɔa woƒe avɔ siwo wodzrana. Wodzraa nu bubuwo abe anyigbakuntru siwo nya kpɔ siwo wotsɔ ɖeti, lãfu, kple seda lɔ̃ ene hã.\nAme geɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe Uzbektɔwo ƒe dekɔnuwo dzi esi ƒeawo va nɔ yiyim. Aʋadziɖula xɔŋkɔwo kple woƒe aʋawɔla sesẽwo zɔ mɔ to Uzbektɔwo ƒe towo kple dzogbewo dzi. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Aleksanda Gãtɔ, si kpɔ Roxane, nyɔnu si wòva ɖe la tso afi ma; Genghis Khan, si tso Mongolia kple Timur (si wogayɔna be Tamerlane), si tso nuto ma me, eye wònye ame siwo ƒe fiaɖuƒe keke ta wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.\nLe Uzbekistan egbea la, àkpɔ ŋkuɖodzixɔ gagã siwo le amadede vovovowo me siwo tame wotsɔ xɔgbakpe siwo ƒe amadede le blɔ gba wòle gobaa la le du gãwo me. Xɔ siawo dometɔ geɖe nye sukuwo.\nSedamɔ La. Mɔdodo sia nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu, eye wònɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si me wova dze mɔzɔzɔ to ƒu dzi yi India le ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu le Kristotɔwo Ŋɔli gɔme, mɔ sia si dzi asitsalawo tona, si ƒe akpa aɖe va to afi si woyɔna fifia be Uzbekistan la, wɔ akpa vevi aɖe le xexea ƒe asitsanyawo me va yi.\nAral Ƒua. Esi wova le ta sia me tsiwo zãm na agbledede ta la, Aral Ƒua—si nye ta lolotɔ enelia le xexea me la me tsiawo le vɔvɔm kabakaba. Uzbekistan dziɖuɖua do ta ɖe Titina Asia dukɔwo gbɔ be woakpe asi ɖe ye ŋu yeaɖɔ kuxia ɖo.\nUzbektɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesi siwo nɔa tɔtrɔm. Wodoa gbegbɔgblɔ vovovowo le dukɔa me, esi Moslemtɔwo va ɖu wo dzi le ƒe alafa enyilia me la, wova da asi ɖe Aramgbe dodo dzi le dukɔa me. Esi dukɔa va nɔ Soviet Union dziɖuɖua te la, wova nɔ Latin ŋɔŋlɔdzesiwo zãm eye emegbe le ƒe 1930-awo me la wova ɖɔlii kple Cyrillic ŋɔŋlɔdzesiwo. Le ƒe 1993 me la, wowɔ se yeye be woazã Uzbektɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesi siwo dzɔ tso Latin me le nuŋɔŋlɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201510\/tsa%C9%96i%C9%96i-uzbekistan\/","date":"2018-12-11T08:46:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823614.22\/warc\/CC-MAIN-20181211083052-20181211104552-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984763861,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984763860702515}","num_words":390,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.—1 Yoh. 3:18.\nEle be lɔlɔ̃ naʋã mí míalɔ̃ faa be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu alo anyo dɔme na wo, ne ame aɖeke manya nu tso eŋu o gɔ̃ hã. (Mat. 6:1-4) Ele be míatre mía nɔewo bubu. (Rom. 12:10) Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le bubudede amewo ŋu me esi wòklɔ afɔ na eƒe apostolowo. (Yoh. 13:3-5, 12-15) Ðewohĩ ahiã be míaku kutri vevie hafi míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui asubɔ amewo abe ale si Yesu wɔe ene. Apostoloawo gɔ̃ hã mete ŋu se nu si Yesu wɔ la gɔme o va de asi na esime woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. (Yoh. 13:7) Ne mímebua mía ɖokui gã wu ame bubuwo le míaƒe sukudede, nunɔamesiwo, alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ta o la, efia be míele bubu dem wo ŋu. (Rom. 12:3) Eye mímeʋãa ŋu ame bubuwo ne wokafu wo o, ke míekpɔa dzidzɔ kpli wo boŋ, ne ewɔ na mí be míawo hã míedze na kafukafua ƒe ɖe gɔ̃ hã. w17.10 9 ¶9-10\nNya nyui la tae mewɔa nuwo katã ɖo, ale be nye hã mate ŋu agblɔe na amewo.—1 Kor. 9:23.\nAme geɖe kpɔe be ne yewozã Mawu ƒe Nyaa le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ewɔa dɔ geɖe ɖe yewoƒe nyaselawo dzi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu aɖe trɔ yi ŋutsu tsitsi aɖe si xlẽa míaƒe magazineawo ƒe geɖee nye ema la gbɔ. Le esi wòatsɔ Gbetakpɔxɔ yeyea anae ko teƒe la, nɔviŋutsua xlẽ mawunyakpukpui aɖe si woŋlɔ ɖe magazinea me la nɛ. Exlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4 nɛ, si gblɔ be: 'Dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.' Nya mawo wɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi ale gbegbe be egblɔ na nɔviŋutsua be wòagaxlẽ mawunyakpukpuia na ye ake. Eyome ŋutsua gblɔ ale si gbegbe eya kple srɔ̃a wohiã akɔfafae la na nɔviŋutsua, eye tso ekema dzi la, eva tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me geɖe wu. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu la wɔa dɔ ɖe amewo dzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me oa?—Dɔw. 19:20. w17.09 26 ¶9-10\nNe [èka] asi eƒe ƒu kple eƒe ŋutilã ŋu la, aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume godoo.—Hiob 2:5.\nÐikeke mele eme o be Abosam ƒe gbetɔamea te ɖe mawudɔla siwo wɔa nuteƒe na Mawu la dzi, eve wo, eye wòku dzi na wo. Ke hã, Yehowa mewɔ nu dzitsitsitɔe o. Elé eɖokui, eye ale si wòwɔ nui la sɔ bliboe. Meyɔ ɖe dzikudodo ŋu o, eye ale si wòwɔ nu ɖe Satana ƒe aglãdzedzea ŋu la le dzɔdzɔe. (2 Mose 34:6; Hiob 2:2-6) Nu ka tae? Yehowa na ɣeyiɣi geɖe va yi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ \"edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.\" (2 Pet. 3:9) Ale si Yehowa ɖua eɖokui dzii la le mía fiam be ele be míawo hã míabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu alo aɖe afɔ; mele be míawɔ nu dzitsitsitɔe o. Ne ehiã be nàtso nya me le nya vevi aɖe ŋu la, na ɣeyiɣi ɖokuiwò be nàde ŋugble le eŋu nyuie ale be nàwɔ nu le nunya me. Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòana nunya wò ale be nya si nàgblɔ alo nu si nàwɔ la nanye esi sɔ. (Ps. 141:3) Ne nane dzɔ eye míedo dziku la, ele bɔbɔe be míawɔ nu si mele be míawɔ hafi o. Mía dometɔ geɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane kpɔ si va ve mí emegbe!—Lod. 14:29; 15:28; 19:2. w17.09 4 ¶6-7","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2019-01-18T02:15:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583659654.11\/warc\/CC-MAIN-20190118005216-20190118031216-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986076951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986076951026917}","num_words":574,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ao. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖee fia be wometrɔ naneke le Biblia me o togbɔ be wogbugbɔ ŋlɔe zi akpe geɖe ɖe nu siwo tea ŋu nyunyɔna dzi hã.\nÐe wòfia be womewɔ vodada aɖeke kura esi wogbugbɔ nɔ eŋlɔm oa?\nWoke ɖe Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ akpe geɖe ŋu. Vovototo aɖewo dze le wo dometɔ aɖewo me si fia be egbugbɔŋlɔlawo wɔ vodada aɖewo. Vovototo siawo ƒe akpa gãtɔ nye vodada suesuesue siwo metrɔ gɔmesese si le nyawo ŋu o. Ke hã woke ɖe vodada ɖedzesi aɖewo ŋu eye wo dometɔ aɖewo dze abe ame aɖewoe ɖoe koŋ le blema be yewoatrɔ Biblia ƒe gbedeasia ene. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa:\nLe 1 Yohanes 5:7 la, Biblia gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo gblɔ be: \"ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.\" Gake asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le la ɖo kpe edzi be nya siawo mele blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxoawo me o. Emegbee wode wo eme. * Eya ta woɖe wo ɖa le egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe siwo ŋu kakaɖedzi le la me.\nMawu ƒe ŋkɔ dze zi akpe geɖe le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me. Ke hã Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo tsɔ dzesideŋkɔwo abe \"Aƒetɔ\" alo \"Mawu\" ene ɖo ŋkɔa teƒe.\nAleke míawɔ anya be vodada bubu geɖe mekpɔtɔ le eme o?\nVa se ɖe fifia la, woke ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo aɖewo ŋu si wɔe be ele bɔbɔe wu tsã be woade dzesi vodadawo. * Nu kae agbalẽ vovovo siawo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖe fia ku ɖe ale si gbegbe Biblia de pɛpɛpɛ egbeae ŋu?\nAgbalẽnyala si ŋkɔe nye William H. Green gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo si amewo yɔna egbea be \"Nubabla Xoxoa\" ŋu be: \"Míate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.\"\nKu ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo \"Nubabla Yeyea\" ŋu la, Biblia-nyala F. F. Bruce gblɔ be: \"Míaƒe Nubabla Yeye la ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo la de ŋgɔ sãsãsã wu agbalẽŋlɔla bubu geɖe ƒe nuŋlɔɖiwo, eye ame aɖeke meku drɔ̃e kpɔ be yeake ɖi le wo me nyawo ƒe dede pɛpɛpɛ ŋu gbeɖe o.\"\nAƒetɔ Frederic Kenyon, si nye asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋutinunyala gblɔ be, ame \"ate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔ be Biblia si yelé ɖe asi la nye agbalẽ si nye Mawu ƒe Nya, si wotsɔ na mí si me nya veviwo metrɔ o tso dzidzime yi dzidzime hena ƒe alafa geɖe.\"\nSusu bubu kawoe gali siwo ta míeka ɖe edzi be Biblia nye agbalẽ si de pɛpɛpɛ?\nYudatɔ kple Kristotɔ nugbugbɔgaŋlɔlawo siaa kpɔ ŋutinya siwo klo nu le vodada gã siwo Mawu ƒe amewo wɔ dzi la ta. * (4 Mose 20:12; 2 Samuel 11:2-4; Galatiatɔwo 2:11-14) Nenema kee wogakpɔ Biblia ƒe akpa siwo bu fɔ Yuda dukɔa ɖe woƒe tomaɖomaɖo kple nu siwo klo nu le amegbetɔwo ƒe dzixɔse totrowo ŋu la ta. (Hosea 4:2; Malaki 2:8, 9; Mateo 23:8, 9; 1 Yohanes 5:21) Esi wogbugbɔ ŋlɔ ŋutinya siawo ɖi wòde pɛpɛpɛ ta la, nugbugbɔgaŋlɔlaawo ɖe ale si gbegbe míate ŋu aka ɖe wo dzii kple ale si wobua Mawu ƒe Nya nu kɔkɔee la fia.\nÐe susu mele eme be míaxɔe ase be Mawu si ŋlɔ Biblia la akpɔ eta be wòade pɛpɛpɛ oa? * (Yesaya 40:8; 1 Petro 1:24, 25) Le nyateƒe me la, menye ame siwo nɔ anyi le blema koe wòdi be eme nyawo naɖe vi na o ke na mí ame siwo li egbea hã. (1 Korintotɔwo 10:11) Le nyateƒe me la, \"nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.\"—Romatɔwo 15:4.\n^ mm. 5 Nya siawo medze le Codex Sinaiticus, Codex Alexandrinus, Vatikan Asinuŋɔŋlɔgbalẽ, ƒe 1209, Latin Vulgate gbãtɔ, Philoxenian-Harclean Syriac gɔmeɖeɖe, alo Syriac Peshitta me o.\n^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, woke ɖe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ, si amewo yɔna be Nubabla Yeye, alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wu 5,000 ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-wotr%C9%94-biblia-me-nyawoa\/","date":"2019-01-17T16:28:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583658988.30\/warc\/CC-MAIN-20190117143601-20190117165601-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984818101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998481810092926}","num_words":641,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔ kae aʋafia siwo nɔ Roma-srafowo dome la wɔna?\nKristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Roma-ʋafiawo ŋu enuenu. Ðoƒe mae nɔ asrafo siwo wu Yesu la ƒe amegã si. Eye ɖoƒe ma kee Kornelio, si nye Dukɔwo me tɔ gbãtɔ si zu Kristotɔ la nɔ. Aʋafia ye asrafomegã si nɔ eteƒe esime wodi be asrafowo naƒo Paulo la nye, eye aʋafia kee asrafomegã si ŋkɔe nye Yulio, si kplɔ Paulo yi Roma la hã nye.\nAʋafia nyea asrafomegã si nɔa asrafo 50 alo 100 nu. Eƒe dɔe nye be wòana hehe wo ahakpe ɖe wo ŋu woazu asrafo bibi siwo wɔa se dzi; eléa ŋku ɖe woƒe asrafowuwo kple woƒe aʋawɔnuwo ŋu, eye eyae kplɔa wo heɖea gbe na wo le aʋagbe dzi.\nÐoƒe kɔkɔtɔ si asrafo gbɔlo ate ŋu aɖoe nye aʋafia ƒe ɖoƒe. Ame siwo nɔa ɖoƒe sia la nyea ame siwo wɔ asrafodɔ ƒe geɖe henye ŋgɔnɔla bibiwo. Aʋafiawoe na ŋusẽ geɖe nɔ Roma-srafoha bliboa ŋu eye woawoe na be wonye aʋawɔla bibi siwo wɔa se dzi. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be \"zi geɖe la, [aʋafiawo] nyea asrafo siwo kpɔ nu teƒe henya nu geɖe wu bubuawo le asrafohaa me.\"\nAleke ahuhɔ̃e siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo la to vovo na egbetɔwoe?\nZi geɖe la, gadzẽgba siwo ƒe ŋkume wozrɔ̃ nyuie lae nyea ahuhɔ̃e siwo wozãna le Biblia-ŋlɔɣiwo, gake wogatea ŋu nyea akɔbli, klosalo, sika, alo sika kple akɔblia tsaka hã. Eya ta womenɔ abe ahuhɔ̃e siwo li egbea ene o. Zi gbãtɔ si woyɔ ahuhɔ̃e ŋkɔ le Biblia me lae nye avɔgbadɔ si nye Israel-viwo ƒe tadeaguƒe vevitɔ la tuɣi. Nyɔnuwo tsɔ woƒe ahuhɔ̃ewo na be woatsɔ awɔ zɔ la kple eƒe anyinɔ. (2 Mose 38:8) Ema fia be, hafi woate ŋu awɔ ahuhɔ̃eawo ŋu dɔ alea la, ele be woalólo wo.\nZi geɖe la, ne blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe ahuhɔ̃ewo ŋu le tome le Israel-nyigbaa dzi kple eƒe nutowo me la, wonɔa nyɔnuwo ƒe atsyɔ̃ɖonuwo kple lekewɔnu bubuwo dome. Ahuhɔ̃eawo nɔa kotoe, wowɔa woƒe asiléƒewo ɖe nyɔnuwo ƒe nɔnɔme me, eye wonyea ati, ga, alo nyiɖu, siwo woɖo atsyɔ̃ na nyuie. Eye zi geɖe la, womeɖoa atsyɔ̃ na ahuhɔ̃ea ƒe megbe o.\nAhuhɔ̃e siwo nɔ anyi le blema la metea ŋu kpɔa nu nyuie abe esiwo li egbea ene o. Esia na míese nu si apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be, 'Fifia la, míekpɔa nu flukpee to gahuhɔ̃e me' la gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150401\/%C3%A8nyaa\/","date":"2019-06-16T06:30:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00401.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998265326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982653260231018}","num_words":393,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apostolo Paulo tsɔ Kristotɔwo sɔ kple asrafo siwo kpe aʋa. 'Gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwoe' nye míaƒe futɔawo. Togbɔ be míadze ame gblɔe siwo ŋu wɔna aɖeke mele o hã la, ne 'míedo aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la,' Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu aʋaa dzi.\nŊlɔ aʋawɔnuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ kple nu si wòtsi tre ɖi na\nDE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Ðe medo aʋawɔnuawo katã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june17-23\/mido-a%CA%8Baw%C9%94nu-blibo-tso-mawu-gb%C9%94\/","date":"2019-06-17T09:38:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998462.80\/warc\/CC-MAIN-20190617083027-20190617105027-00157.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963535666,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963535666465759}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER (DZOME) 14, 2015\nAZERBAIJAN\nAzerbaijan dziɖuɖua do toku Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia ƒe biabia be wòaɖe aƒenɔ Irina Zakharchenko ayi aƒe me alo kɔdzi la. Le December (Dzome) 10, 2015, si nye kwasiɖa ɖeka esi Kɔmitia ƒe biabia va ka dziɖuɖua si megbe dzi la, ʋɔnudrɔ̃la si gbugbɔ le nya drɔ̃m la gbe be yemaɖe asi le eŋu woaɖee ayi aƒe me o. Le ɣleti ewo siwo wòtsɔ nɔ ga me ta la, eƒe lãme gblẽ vevie le nuɖuɖumasuame, alɔ̃tete ame vevie kple fuɖeɖe na ame ƒe susu vevie la ta.\nƲɔnudrɔ̃la la meda asi ɖe edzi be woaɖe aƒenɔ Valida Jabrayilova kple Ðasefo bubu si wole ʋɔnu drɔ̃mee la yi aƒe me o.\nWoayi nya la dɔdrɔ̃ dzi le December (Dzome) 17, 2015 dzi le Baku Pirallahi Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/azerbaijan-do-toku-20151214\/","date":"2019-06-18T04:38:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991466403,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991466403007507}","num_words":128,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WAINTI VAVà LA KPLE ALƆAWO\nALE SI WOAYI EDZI ANƆ YESU ƑE LƆLƆ̃ LA ME\nYesu le dzi dem ƒo na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le woƒe dzeɖoɖo si me wogblɔ woƒe dzimenyawo na wo nɔewo le la me. Zã tsi, eye anɔ eme be ga wuieve ƒo to eŋu. Azɔ Yesu do lo ʋãme aɖe.\nEdze egɔme ale: \"Nyee nye wainti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.\" (Yohanes 15:1) Eƒe lododoa ɖi nya aɖe si wogblɔ ɖi ƒe alafawoe nye ema tso Israel dukɔa, si woyɔ be Yehowa ƒe wainti la ŋu. (Yeremiya 2:21; Hosea 10:1, 2) Ke hã, ɣeyiɣia de be Yehowa nagbe nu le dukɔ ma gbɔ. (Mateo 23:37, 38) Eya ta nya bubu gblɔm Yesu le azɔ. Yesu ye va zu Fofoa ƒe wainti tso esime Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami nɛ le ƒe 29 K.Ŋ. me. Gake Yesu ɖee fia be menye ye ɖeka ko ŋue wainti la ku ɖo o esi wògblɔ be:\n\"Alɔ sia alɔ si le ŋunye, eye metsea ku o la, [Fofonye lãnɛ] ɖa, eye ɖe sia ɖe si tsea ku la, eɖea eŋu, ale be wòatse ku geɖe wu. . . . Ale si ko alɔ la mate ŋu atse ku le eɖokui si o, negbe ɖe wòle wainti la ŋu hafi la, nenema kee miawo hã miate ŋui o, negbe ɖe miewɔ ɖeka kplim hafi. Nyee nye wainti la; miawoe nye alɔawo.\"—Yohanes 15:2-5.\nYesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo be ne yedzo la, yeaɖo kpeɖeŋutɔ si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe wo. Esi apostoloawo kple ame bubuwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea le ŋkeke 51 megbe la, wova zu wainti la ƒe alɔwo. Eye ele be \"alɔawo\" katã nawɔ ɖeka kple Yesu. Hena taɖodzinu ka?\nEɖe eme be: \"Ame si wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii la, ame sia tsea ku geɖe; elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke kura o.\" Eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo \"alɔawo\" le tsitre ɖi na la atse ku geɖe, si fia be woasrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔmewo, woaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo veviedodotɔe ahawɔ nusrɔ̃la geɖewo. Ke ne ame aɖe mewɔa ɖeka kple Yesu alo tsea ku o ɖe? Yesu ɖe eme be: \"Ne ame aɖe mewɔa ɖeka kplim o la, ele abe atilɔ si wolã ɖa tsɔ ƒu gbe ene.\" Ke hã Yesu gagblɔ be: \"Ne miewɔ ɖeka kplim, eye nye nyawo kpɔtɔ le mia me la, mibia nu sia nu si miedi, eye ava eme na mi.\"—Yohanes 15:5-7.\nYesu gahe susu yi nu si ŋu wòƒo nu tsoe zi eve va yi, si nye eƒe seawo me lelé ɖe asi la dzi. (Yohanes 14:15, 21) Eƒo nu tso mɔ vevi aɖe si dzi eƒe nusrɔ̃lawo ato aɖee afia be yewole esia wɔm la ŋu ale: \"Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.\" Gake esia bia nu geɖe wu Yehowa Mawu kple Via lɔlɔ̃. Yesu gblɔ be: \"Se si nam mele mie nye be, mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o. Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.\"—Yohanes 15:10-14.\nLe gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, Yesu aɖe lɔlɔ̃ si le esi la afia esime wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe ame siwo katã xɔa edzi sena la ta. Ele be eƒe kpɔɖeŋua naʋã eyomedzelawo be woawo hã woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ma ke afia wo nɔewo. Lɔlɔ̃ sia ana amewo nade dzesi wo abe ale si Yesu gblɔe do ŋgɔ ene be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\"—Yohanes 13:35.\nEle be apostoloawo nade dzesii be Yesu yɔ wo be 'ye xɔlɔ̃wo.' Ena wonya nu si tae esi wògblɔ be: \"Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.\" Ƒomedodo xɔasi ka gbegbee nye esi wònye be woanye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, eye woanya nya siwo Fofo la gblɔ nɛ! Gake hafi woanɔ ƒomedodo sia me la, ele be woayi edzi \"anɔ ku geɖe tsem.\" Ne wowɔe nenema la, Yesu gblɔ be, \"nu ka kee mieɖabia Fofo la le nye ŋkɔ me o, atsɔe ana mi.\"—Yohanes 15:15, 16.\nLɔlɔ̃ si le \"alɔawo,\" si nye eƒe nusrɔ̃lawo, dome la akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe nu siwo ava dzɔ la nu. Exlɔ̃ nu wo be xexea alé fu wo, ke hã efa akɔ na wo be: \"Ne xexea lé fu mi la, minyae be etre fulélem. Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ eya ŋutɔ tɔwo. Ke esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o . . . tae xexea léa fu mi ɖo.\"—Yohanes 15:18, 19.\nEsi wòyi edzi le nu si tae xexea alé fu wo me ɖem la, egblɔ be: \"Woawɔ nu siawo katã ɖe mia ŋu le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya Ame si dɔm ɖa la o.\" Yesu ɖee fia be yeƒe nukudɔwo bua fɔ ame siwo lé fu ye la esi wògblɔ be: \"Ne ɖe nyemewɔ dɔ siwo ame aɖeke mewɔ kpɔ o la le wo dome o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o; ke azɔ la wokpɔ dɔ siwo mewɔ, eye wolé fu nye kple Fofonye siaa.\" Le nyateƒe me la, woƒe fulélea nye nyagblɔɖi me vava.—Yohanes 15:21, 24, 25; Psalmo 35:19; 69:4.\nYesu gado ŋugbe na wo ake be yeaɖo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖa. Ŋusẽ triakɔ ma li na eyomedzelawo katã eye ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatse ku geɖe, si nye be 'woaɖi ɖase.'—Yohanes 15:27.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/lododo-wainti-al%C9%94awo\/","date":"2019-06-19T15:21:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00127.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987773895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987773895263672}","num_words":922,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Martha gblɔ be: \"Mekpɔ dɔ yeye si na be nu va de míaƒe ƒomea dzi; ke hã, esia na meva ƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna geɖe siwo mesɔ o me. Meva dze ŋkekenyuiwo ɖuɖu, nɔ gome kpɔm le dunyahehe nuwɔnawo me, eye mede sɔleme gɔ̃ hã. Meva dzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo hena ƒe 40 sɔŋ. Zi ale si ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, zi nenemae meva nɔ sesem le ɖokuinye me be Yehowa matsɔ nye nu vɔ̃wo akem gbeɖe o, eye be nyemate ŋu atsɔe ake ɖokuinye gɔ̃ hã o. Elabena menya nyateƒea nyuie hafi tiae be maƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna gbegblẽwo me.\"\nDZITSINYA ƒe fɔbuame ate ŋu anye agba kpekpe anɔ ame dzi. Fia David gblɔ be: \"Nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene.\" (Psalmo 38:4) Kristotɔ aɖewo léa blanui vevie le esi wose le wo ɖokui me be Yehowa mate ŋu atsɔ yewoƒe vodadawo ake yewo o ta. (2 Korintotɔwo 2:7) Ðe nuŋububu alea sɔa? Nenye be èwɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã la, ɖe esia fia be evɔ na wòe nye ema, Yehowa matsɔe ake wò akpɔ gbeɖe oa? Ao, Yehowa ate ŋu atsɔe ake wò.\n\"Miva Ne Míakpɔ Mía Dome Nyawo Gbɔ\"\nYehowa megbea nu le nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me gbɔ o. Le nyateƒe me la, emiãa asi wo be woatrɔ ava ye gbɔ! Le vi nudomegblẽla ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo lɔ̃ame aɖe si ƒe viŋutsu gblẽ ƒomea ɖi hedzo yi ɖale agbe baɖa nɔm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, viŋutsua tso nya me be yeatrɔ agbɔ va aƒe. \"Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ, ale wòƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.\" (Luka 15:11-20) Ðe wò hã nèdi be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ, gake nèkpɔe be yekpɔtɔ le 'adzɔge ʋĩi' tso egbɔa? Abe vifofo si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene la, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe ŋuwò. Edi vevie be yeagaxɔ wò atuu.\nKe ne èsena le ɖokuiwò be nu vɔ̃ siwo yewɔ la lolo alo sɔ gbɔ akpa be Yehowa natsɔe ake ye ɖe? Ke míeɖe kuku, de ŋugble tso Yehowa ƒe amekpekpe si le Yesaya 1:18 la ŋu kpɔ: \"Yehowa be: 'Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ. Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene.'\" Ɛ̃, ne míaƒe nu vɔ̃wo ɖe ɖe mía ŋu abe amadede hɛ̃ aɖee ɖe ɖe awu ɣi me hegbe ɖeɖe ene hã la, Yehowa be yeate ŋu atsɔe ake mí.\nYehowa medi be wò dzitsinya nàyi edzi anɔ fɔ bum wò o. Ke nu kae nàwɔ be Mawu ƒe tsɔtsɔke naɖe vi na wò ale be nàkpɔ gbɔdzɔe, eye dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò? De ŋugble tso afɔ eve siwo Fia David ɖe ŋu kpɔ. Gbã, egblɔ be: \"Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa.\" (Psalmo 32:5) Ðo ŋku edzi be Yehowa kpe wò xoxo be nàte ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me ne 'yewoakpɔ ye kpli wò dome nyawo gbɔ.' Wɔ ɖe amekpekpe ma dzi. Ʋu wò nu vɔ̃wo me na Yehowa eye nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ. Nu siwo teƒe David ŋutɔ kpɔ na wògblɔ be: \"[Klɔ] ŋunye tso nye nu vɔ̃ me. . . . Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.\"—Psalmo 51:2, 17.\nEvelia, David xɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu teƒenɔla si nye nyagblɔɖila Natan gbɔ. (2 Samuel 12:13) Egbea hã, Yehowa ɖo hamemetsitsiwo le hameawo me, ame siwo xɔ hehe nyuie be woakpe ɖe nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ŋu be ƒomedodo nyui nagava nɔ wo kple Yehowa dome. Ne ète ɖe hamemetsitsiwo ŋu la, woato Ŋɔŋlɔawo kple gbedodoɖa dzi afa dzi na wò, akpe ɖe ŋuwò be wò dzitsinya nadzudzɔ fɔbubu wò eye nàhaya nyuie le gbɔgbɔ me.—Yakobo 5:14-16.\n\"Dzidzɔtɔe Nye Ame Si Ƒe Dzidada Wotsɔ Ke\"\nMíenya be ɖewohĩ manɔ bɔbɔe na wò kura be nàʋu wò nu vɔ̃wo me na Yehowa Mawu ahate ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu o. Nenema tututue David hã anya se le eɖokui me. Emia nu ɖe eƒe nu vɔ̃wo dzi hena ɣeyiɣi aɖe. (Psalmo 32:3) Gake eva kpɔe emegbe be aɖe vi na ye wu ne yeʋu yeƒe nu vɔ̃wo me hewɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã.\nEsi David wɔ esia la, eva le dzidzɔ kpɔm azɔ, eye emae nye viɖe gãtɔ si wòkpɔ. Eŋlɔ emegbe be: \"Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke, ame si ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke.\" (Psalmo 32:1, etenuŋɔŋlɔ) Edo gbe ɖa hã be: \"Oo Yehowa, ʋu nu nam, ne nye nu naɖe gbeƒã wò kafukafu.\" (Psalmo 51:15) Gbɔdzɔe si David kpɔ tso dzitsinya ƒe fɔbuame me, kple ale si Mawu ƒe tsɔtsɔke ɖe vi nɛ la ʋãe wòɖe gbeƒã na amewo tso Yehowa ŋu.\nYehowa di be dzitsinya dzadzɛ nasu wò hã asiwò. Edi be nàƒo nu tso ye kple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo, gake menye kple dzitsinya si anɔ fɔ bum wò o, ke boŋ kple dzidzɔ si tso dzi dzadzɛ me. (Psalmo 65:1-4) Ðo ŋku eƒe amekpekpe si nye be nàna \"woatutu [wò] nu vɔ̃wo ɖa, ale be [nàkpɔ] dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ\" la dzi.—Dɔwɔwɔwo 3:19.\nNu ma tututue dzɔ le Martha gome. Egblɔ be: \"Vinyeŋutsu yi edzi nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ɖom ɖem. Vivivi la, meva di be magasubɔ Yehowa ake. Nu si sesẽ nam wu le afɔ siwo maɖe be magatrɔ agbɔ mee nye be mabia nu vɔ̃ siwo gbegbe mewɔ ƒe tsɔtsɔke. Gake mlɔeba la, mete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me hebiae be wòatsɔ nye nu vɔ̃wo akem. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be ƒe 40 sɔŋ va yi hafi metrɔ va Yehowa gbɔ. Ale si wòdzɔ le gonyeme la nye kpeɖodzi be ne ame aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ƒe geɖe hã la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu esi wòagava nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ake.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tr%C9%94-va-yehowa-gb%C9%94\/nu-v%C9%94%CC%83-ts%C9%94ts%C9%94ke\/","date":"2019-06-18T09:44:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998708.41\/warc\/CC-MAIN-20190618083336-20190618105336-00545.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997631371,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976313710212708}","num_words":955,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ne ame aɖe bia wò be aleke dziƒo le la, alekee nàɖo eŋu nɛ?\nMawunyakpukpui: Yh 8:23\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Yesu kple Fofoa ɖe fia tso dziƒo ŋu la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be Biblia me nyagblɔɖi sia ɖɔ nu si teƒe kpɔm míele egbea?\nMawunyakpukpui: 2Ti 3:1-5\nNyateƒenya: Esi Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam fifia ta, míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖi si ƒo nu tso etsɔme nyui aɖe ŋu hã ava eme.\nNU KA TAE WÒNYO BE NÀSRƆ̃ BIBLIA? (Video)\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-20T23:45:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999291.1\/warc\/CC-MAIN-20190620230326-20190621012326-00239.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989483953,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989483952522278}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Yehowa, Nufiala Gãtɔ la naa hehe nyuitɔ kekeake mí. Efiaa ale si míawɔ be míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi la mí eye wòtoa esia dzi dzraa mí ɖo ɖe etsɔme wɔnuku aɖe ŋu, evɔ mexɔa ga aɖeke le mía si o! (Yes 11:6-9; 30:20, 21; Nyɖ 22:17) Yehowa toa hehe si wònaa mí dzi dzraa mí ɖo be míagblɔ gbedeasi si naa agbe la na amewo.—2Ko 3:5.\nALE SI NÀWƆE:\nTu ɖokuibɔbɔ ɖo.—Ps 25:8, 9\nLɔ̃ nàxɔ dɔdeasiwo le kwasiɖa domedome kpekpea me ale be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ si zãm Yehowa le tsɔ le hehe nam amewo fifia la ŋu dɔ\nÐo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò.—Flp 3:13\nTsɔ nanewo sa vɔe be nàdze axɔ hehe bubuwo.—Flp 3:8\nMIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA ƑE NUFIAFIAWO WƆ MÍ KESINƆTƆWOE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nKuxi kawo dzie gbeƒãɖela aɖewo ɖu hafi te ŋu de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua?\nHehe kae Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua nana ame?\nKpekpeɖeŋu kae hamea me tɔwo na sukuviawo le woƒe dɔdeasiawo me?\nNudidi kawo gbɔe wòle be ame naɖo hafi ade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua? (kr 189)\nHehe bubu kawoe nàgate ŋu axɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr29-may5\/hehe-si-yehowa-nana-na%C9%96e-vi\/","date":"2019-06-27T08:24:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001014.85\/warc\/CC-MAIN-20190627075525-20190627101525-00133.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984520078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984520077705383}","num_words":184,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE MÍEDE ŋugble tso nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi si le Ezekiel 37:1-14 ŋu la míasrɔ̃ nane godoo si ado ŋusẽ mí, nɔnɔme ka ke mee míeɖale o. Nu kae míasrɔ̃?\nƔeaɖewoɣi la, nuteɖeamedzi kple dodokpɔwo wua tsɔtsɔ na mí si nana nu tea mía ŋu le Yehowa subɔsubɔ me. Ke hã le ɣeyiɣi mawo me la, ne míede ŋugble le ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu la, ado ŋusẽ mí. Le mɔ ka nu? Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso nyagblɔɖi sia me be, Mawu si ŋu ŋusẽ le wògbɔ agbe ƒu kukuwo la, ate ŋu ado ŋusẽ mí be míaɖu kuxiwo dzi—esiwo adze na amegbetɔwo be naneke manya wɔ le wo ŋu o gɔ̃ hã.—Xlẽ Psalmo 18:29; Flp. 4:13.\nEle be míaɖo ŋku edzi be ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Ezekiel ŋɔli la, nyagblɔɖila Mose gblɔ be menye ɖeko ŋusẽ le Yehowa si o, ke edi vevie hã be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ akpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Mose ŋlɔ bena: \"Sitsoƒee Mawu nye tso blema ke, eƒe alɔ mavɔwo le tewò.\" (5 Mose 33:27) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be ne míetrɔ ɖe Mawu ŋu le xaxaɣiwo la, Yehowa atsɔ eƒe alɔwo ade mía te lɔlɔ̃tɔe, akɔ mí ɖɔɖɔɖɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míagatso ɖe míaƒe afɔwo dzi.—Eze. 37:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/m%C3%ADagatso-%C9%96e-m%C3%ADa%C6%92e-af%C9%94wo-dzi\/","date":"2019-06-27T05:08:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00253.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956836104,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956836104393005}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso lododoa me.\nNunya le eme be míanɔ Mawu ƒe amewo dome, afi si míanɔ dedie le, si mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo hã léa be na mí le\nNe míetra ɖa le Mawu ƒe mɔwo dzi la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui atrɔ agbɔ, eye míaka ɖe edzi be Yehowa le klalo be yeatsɔe ake mí\nEle be míasrɔ̃ Yehowa, axɔ ame siwo trɔ dzi me eye wogbugbɔ va hamea me la atuu","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july30-aug5\/vi-nudomegbl%E1%BA%BDla-%C5%8Buti-lododoa\/","date":"2019-06-19T07:59:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998923.96\/warc\/CC-MAIN-20190619063711-20190619085711-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988101721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988101720809937}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.35,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya si Mixa gblɔ ɖi tso Mesia la ƒe vava ŋu be woadzi Yesu le Betlexem la va eme ƒe alafa ene aɖewo megbe tso esime wowu Biblia ƒe akpa si le Hebrigbe me ƒe agbalẽ mamlɛtɔ nu. Ƒe 30 aɖewo megbe, le ƒe 29 M.Ŋ. me la, nya si Daniel gblɔ ɖi tso Mesia ƒe vava ŋu la ƒe akpa gbãtɔ va eme. Wonyrɔ Yesu, eye Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la si ami nɛ. Ɛ̃, Mesia, si nye Dzidzimevi, si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe la do le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu!\nEnumake Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme \"henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm.\" (Luka 8:1) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, efa tu, enyoa dome, eye wòtsɔa ɖe le eme na ame bubuwo tso dzi blibo me. Efiaa nu le lɔlɔ̃ me, eƒe nufiafiawo ɖea vi, eye wòda \"dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi\" tsɔ ɖee fia be Mawu li kpli ye. (Mateo 4:23) Ðeviwo kple tsitsiawo siaa tena ɖe Yesu ŋu eye woƒo nya ta be: \"Míekpɔ Mesia la\"!\nYesu gblɔe ɖi be hafi yeƒe Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe dziɖuɖu bubuwo teƒe la, aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu kple xaxa bubu geɖewo ava anyigba dzi. Exlɔ̃ nu amewo katã be, \"Minɔ ŋudzɔ.\"\nYesu nye ame deblibo si yi edzi ɖo to Mawu, gake eƒe futɔwo va wui mlɔeba. Ke hã eƒe kua nye vɔsa deblibo si woatsɔ agbugbɔ aƒle nu si Adam kple Xawa bu la na mí, si nye agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔnukpɔkpɔa.\nYesu ƒe kua kpakple ale si Mawu fɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe wòva zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ la siaa nye nyagblɔɖi me vava. Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la siwo wu 500. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyui la tso ye kpakple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu na \"dukɔwo katã me tɔwo.\" (Mateo 28:19) Aleke gbegbee wote ŋu wɔ dɔ mae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131001\/m%C3%ADekp%C9%94-mesia-la\/","date":"2019-06-17T07:28:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998440.47\/warc\/CC-MAIN-20190617063049-20190617085049-00005.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989858866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989858865737915}","num_words":317,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Italy\nLe ƒe 2011 me la, gasɔ siwo wodzra le Italy sɔ gbɔ wu ʋu siwo wodzra. Wogblɔ be nu siwo gbɔ wòtso la dometɔ aɖewoe nye ganyawo ƒe sesẽ, mɔ̃memi ƒe asixɔxɔ kple ale si ʋudzadzraɖo xɔ asie. Gake gasɔ ya dzadzra ɖo mexɔ asi boo o, ezazã le bɔbɔe, eye wòdea ame dzi hã.\nArmenia\nEuropa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Armenia dziɖuɖua be etu afɔkpo ɖekakpui 17, siwo katã nye Yehowa Ðasefowo, ƒe gomenɔamesi. Ðekakpui siawo gbe be yewomawɔ kpekpeɖeŋunadɔ si dziɖuɖua bia tso yewo si si asrafomegãwo axɔ ŋgɔ na la o. Wobia tso dziɖuɖua si be wòaxe nugblẽfe kple gã siwo ɖekakpui 17-awo gblẽ le senyawo me la na wo.\nJapan\nZi geɖe la, Internet dzi hahoo kadodowo wɔa akpa aɖe le ɖevi siwo dzea nu vlo wɔlawo si me la me. Ðevi siawo ƒe 63 le alafa me dzilawo mexlɔ̃ nu wo tso afɔku ma ŋu o. Le nya 599 siwo gbɔ wokpɔ me la, nu vlo wɔla 74 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be ɖeviwo gbɔ dɔdɔ tae yewozãa Internet dzi hahoo kadodowo ɖo.\nChina\nBe China-dugã geɖe naɖe ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔ dzi fũu dzi akpɔtɔ la, woɖe ʋu agbɔsɔsɔ me si woade agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ la dzi kpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, wode se le fiadu Beijing me be ʋu 240,000 koe woade agbalẽ me le ƒe ɖeka me. Le ƒe 2012 ƒe August me la, ame 1,050,000 kpɔ gome le lotodada si woɖo be woatsɔ ade ame 19,926 siwo aɖui la ƒe ʋu agbalẽ me la me, si fia be lotoa dala 1 le 53 me ƒe ʋu koe woade agbalẽ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201310\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-19T19:04:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00116.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994482398,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994482398033142}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.342,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na wò kpɔa?\nÈgale eƒe nu xama?\nÐe nèhiã kpekpeɖeŋu be nàdo dzi le wò nuxaxaa mea?\nÐe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa?\nNe ɖe li la, ke mɔkpɔkpɔ kae?\nAleke míawɔ aka ɖe edzi?\nMíatsɔ Biblia me ŋuɖoɖo siwo faa dzi na ame la aɖo nyabiabia siawo ŋui le agbalẽ gbadza sia me. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽe nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/ne-w%C3%B2-l%C9%94l%C9%94%CC%83t%C9%94-a%C9%96e-ku\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-18T11:22:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00130.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984919429,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984919428825378}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ameɖokuigbɔdɔdɔ nye numame makɔmakɔ le Mawu ŋkume, si nana ame dia eɖokui tɔ, eye eƒoa ɖi ame ƒe susu hã. * Ameɖokuigbɔdɔla ate ŋu ava nɔ ame bubuwo bum be wonye nu si woatsɔ atsi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu ko. Ameɖokuigbɔdɔla ate ŋu ava nɔ gbɔdɔdɔ bum ko abe nu si nana wosea vivi ɣeyiɣi kpui aɖe tsɔ ɖia kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ene, ke menye nu si srɔ̃tɔwo atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo o. Gake ɣeyiɣi vi aɖe koe kɔɖiɖi na ame ɖokui sia nɔa anyi. Ameɖokuigbɔdɔdɔ menana ame wua eƒe ŋutinuwo \"le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, [kple] nudzodzro vɔ̃\" gome o, ke ɖe wònyɔa nu siawo ɖe ame me boŋ.—Kolosetɔwo 3:5.\nApostolo Paulo gblɔ be: \"Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.\" (2 Korintotɔwo 7:1) Ne èle ʋiʋlim be yeawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi do kpoe la, dzi megaɖe le ƒowò o. Yehowa 'lɔ̃a tsɔtsɔke' eye wòkpena ɖe ame ŋu. (Psalmo 86:5; Luka 11:9-13) Le nyateƒe me la, wò dzi si le fɔ bum wò kple agbagba si dzem nèle be yeaɖe asi le numame gbegblẽ sia ŋu la ɖee fia be nɔnɔme nyui le asiwò—togbɔ be ɖewohĩ èdo kpo nu zi ɖeka zi eve aɖewo hã. Ðo ŋku edzi hã be, \"Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.\" (1 Yohanes 3:20) Menye míaƒe nu vɔ̃wo ŋu koe Mawu ƒe ŋku nɔna o, ke ekpɔa ame si míenye le ememe hã. Nu siwo wònya tso mía ŋu nana wòtsɔa veveseseɖeamenu ɖoa to míaƒe kokoƒoƒowo. Eya ta mègana ta o, yi edzi nàte ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me ɖokuibɔbɔtɔe, abe ale si ko ɖevi tena ɖe fofoa ŋu ne eɖo xaxa me ene. Yehowa ana dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò. (Psalmo 51:1-12, 17; Yesaya 1:18) Gake ahiã be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò gbedodoɖawo. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be nàdze agbagba aƒo asa na amamaɖeɖenuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi kpɔkpɔ kple hadede vɔ̃wo hã. *\nNe ele sesẽm na wò be nàɖu ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi la, anyo be nàgblɔe na dziwòla Kristotɔwo alo nɔvi aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, si tsɔa ɖe le eme na wò. *—Lododowo 1:8, 9; 1 Tesalonikatɔwo 5:14; Tito 2:3-5.\n^ mm. 1 Ameɖokuigbɔdɔdɔ nye asilili ame ŋutɔ ƒe vidzinuwo ŋu va se ɖe esime amea nase vivi abe ɖe wòle gome kpɔm le gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ me ene.\n^ mm. 2 Nu si ƒome geɖe wɔna be woagakpɔ nuwɔna makɔmakɔwo le kɔmpiuta si le aƒea me dzi o ye nye be wodanɛ ɖe ŋkukpɔƒe. Azɔ hã, ƒome aɖewo ƒlea kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖo si xea mɔ na amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe dzedze le edzi. Ke hã míate ŋu aɖo ŋu ɖe nu siawo ko ŋu o.\n^ mm. 1 Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo bubu siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi le nyati si nye \"Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Aɖu Numame Gbegblẽ Sia Dzi?\" me le Nyɔ!, January-March 2007, ƒe axa 16, kpakple agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 1, ƒe axa 178-182 (Les jeunes s'interrogent— Réponses pratiques).","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/dzudz%C9%94-%C9%96okuiw%C3%B2-gb%C9%94-d%C9%94d%C9%94\/","date":"2019-06-26T22:29:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000575.75\/warc\/CC-MAIN-20190626214837-20190627000837-00167.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958522916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958522915840149}","num_words":497,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.018,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 8 va se ɖe May 5, 2019 la le tata sia me.\nNu kae nye fɔmaɖimaɖi, eye nu kae míate ŋu awɔ be míalé eme ɖe asi?\nAleke Mose kple Jesus siaa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le tufafa gome? Ne míenye ame fatuwo la, vi kawoe wòaɖe na mí egbea?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa, Yesu, kple Samariatɔ anyidɔléla aɖe gbɔ ku ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ŋu?\nNu kae Mose ƒe Sea ɖe fia ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu?\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ nu tso Woodworth Mills, si le Yehowa subɔm ƒe 80 aɖewoe nye esia la ƒe agbemeŋutinya wɔdɔɖeamedzi la ŋu.\nAfi kae ƒuƒoƒe siwo me Yudatɔwo kpena le le ƒe alafa gbãtɔ me la dzɔ tso?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-february-2019\/","date":"2019-06-16T05:48:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992560148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992560148239136}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa le mía ɖokui si la, akpe ɖe mía ŋu be \"[míate] ŋu ase nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.\" (Ef 3:18) Akpe ɖe mía ŋu hã be míanye fɔmaɖilawo kple mokakamanɔŋutɔwo le dzidzime vɔ̃ɖi sia me eye \"[míalé] agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ.\" (Flp 2:15, 16) Ðokuisinusɔsrɔ̃ nana ame ŋutɔ tiaa nyati aɖe si ŋu wòadi be yeasrɔ̃ nu tsoe le Mawu ƒe Nyaa me. Aleke míawɔ be ɣeyiɣi si míezãna tsɔ xlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ la naɖe vi na mí geɖe wu?\nALE SI NÀWƆE:\nDe dzesi kpukpuiwo eye nàwɔ nuŋlɔɖiwo ɖe Biblia si nèzãna tsɔ srɔ̃a nui, eɖanye Biblia ŋutɔ loo alo mɔ̃ dzi tɔ o, me\nNe èle Mawu ƒe Nyaa xlẽm la, bia nya siawo ɖokuiwò: 'Ame ka? Nu ka? Ɣekaɣie? Afi ka? Nu ka ta? Alekee?'\nKu nu me. Zã numekugbalẽ siwo li nàtsɔ aku nu mee, àte ŋu adi nyati alo Biblia kpukpui aɖe\nDe ŋugble le nu si nèxlẽ la ŋu eye nàde dzesi ale si woka wòe\nWɔ nu siwo nèsrɔ̃ la ŋu dɔ gbe sia gbe.—Lk 6:47, 48\nMIKPƆ VIDEO SI NYE 'LÉ AGBENYA LA ME ÐE ASI GOŊGOŊ' TO ÐOKUI- SINUSƆSRƆ̃ SI ME TSƆÐUI LE DZI, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nAleke ame aɖewo ɖɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃e?\nNu ka tae wòle be míado gbe ɖa hafi adze ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe gɔme?\nNu kae akpe ɖe mía ŋu be míase Biblia ƒe akpa aɖe gɔme nyuie wu?\nAmadede kawo tɔgbie míate ŋu atsɔ ade dzesi nuwo le míaƒe Biblia me?\nNe míele Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m la, nu ka tae wòhiã be míade ŋugble le eŋu?\nAleke wòle be míazã nu siwo míesrɔ̃ lae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june10-16\/ts%C9%94%C9%96ui-ge%C9%96e-nan%C9%94-w%C3%B2-%C9%96okuisinus%C9%94sr%C9%94%CC%83-me\/","date":"2019-06-26T08:55:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000231.40\/warc\/CC-MAIN-20190626073946-20190626095946-00285.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990646243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990646243095398}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ate ŋu atiae be yeaɖe míaƒe tetekpɔ aɖe ɖa; ke hã zi geɖe la, enaa nu si míehiã be míado dzi ale be míate ŋu \"ado le eme\" dzidzedzetɔe la mí.\nAte ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku Biblia me nyawo kple mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖe afɔ siwo sɔ la dzi.—Yoh. 14:26\nAte ŋu ana eƒe dɔlawo nakpɔ mía ta.—Heb. 1:14\nAte ŋu ana nɔviwo nakpe ɖe mía ŋu.—Kol. 4:11","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr8-14\/nute%C6%92ew%C9%94lae-yehowa-nye\/","date":"2019-06-26T22:35:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000575.75\/warc\/CC-MAIN-20190626214837-20190627000837-00365.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9936618805,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9936618804931641}","num_words":76,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.277,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Mawue nye mía Wɔla. Eyae wɔ nuwo katã, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o. Mawu wɔ mawudɔla gbogbo aɖewo hafi va wɔ nu siwo míekpɔna. Ènya ame siwo mawudɔlawo nyea? Yehowa wɔ mawudɔlawo wole abe eya ŋutɔ ene. Míate ŋu akpɔ wo o, abe ale si ko míate ŋu akpɔ Mawu o ene. Mawudɔla gbãtɔ si Yehowa wɔ lae va kpe ɖe eŋu. Mawudɔla ma kpe ɖe Yehowa ŋu wòwɔ ɣletiviwo, ɣletinyigbawo kple nu bubu ɖe sia ɖe. Ɣletinyigba mawo dometɔ ɖekae nye míaƒe anyigba dzeani si dzi míele.\nEmegbe Yehowa dzra anyigbaa dzi ɖo na lãwo kple amegbe- tɔwo be woanɔ edzi. Ena ɣe klẽ ɖe anyigbaa dzi. Ewɔ towo, atsiaƒu kple tɔsisiwo.\nNu kae wòwɔ emegbe? Yehowa gblɔ be: 'Mawɔ gbewo, nu miemiewo kple atiwo.' Eya ta atikutsetse, amagbe kple seƒoƒo vovovowo mie. Emegbe Yehowa wɔ lãwo, esiwo dzona, esiwo nɔa tsi me kple esiwo tana. Ewɔ lã suewo abe fɔmizi kple lã gãwo abe atiglinyi ene. Lã ka ƒe nue doa dzidzɔ na wò?\nEmegbe Yehowa gblɔ na mawudɔla gbãtɔ be: \"Na míawɔ ame.\" Amegbetɔwo ato vovo na lãwo. Amegbetɔwo ate ŋu ato nu vovovowo vɛ. Woate ŋu aƒo nu, ako nu, ado gbe ɖa. Amegbetɔwo akpɔ anyigbaa kple lãwo dzi. Ènya ame si nye ame gbãtɔa? Na míakpɔe ɖa.\n\"Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.\"—1 Mose 1:1","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/1\/mawu-w%C9%94-dzi%C6%92o-anyigba\/","date":"2019-06-25T13:36:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.27\/warc\/CC-MAIN-20190625132645-20190625154645-00397.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972980022,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997298002243042}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.147,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso January 29 va se ɖe February 25, 2018 la le tata sia me.\nNu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be woafɔ kukuawo ɖe tsitre le etsɔme?\nNu ka tae tsitretsitsi ƒe nufiafiaa nye Kristotɔwo ƒe dzixɔse vevitɔwo dometɔ ɖeka?\nÐe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la? Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã.\nLe blema Israel la, ɖe wòle be ŋgɔgbevinyenye ƒe gome nanɔ ame si hafi wòanɔ dzidzime si me Mesia la adzɔ tso la mea?\nÐe Kristotɔwo ate ŋu abu nu si wodea vidzidɔ me be wòaxe mɔ ɖe fufɔfɔ nu (IUD) be esɔ le Ŋɔŋlɔawo nua?\nDzila Kristotɔ geɖe tsia dzi ne wo viwo di be yewoaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ. Aleke woate ŋu akpɔ dzidzedze le wo viwo hehe be woatsi ahakpɔ ɖeɖe me?\nAfɔɖeɖe vevi aɖee nyɔnyrɔxɔxɔ nye, ke hã mele be ɖeviwo kple sɔhɛwo navɔ̃ na afɔ sia ɖeɖe alo aƒo asa nɛ o.\nAGBEMEŊUTINYA\nƑe 16 koe Felix Fajardo xɔ esime wòtso nya me be yeazu Kristotɔ. Ƒe 70 kple edzivɔ megbe la, mevee gbeɖe be yedze Aƒetɔ la yome yi afi sia afi si wòfiae be wòayi o.\nNyawo diƒe sia akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nyati vovovo siwo dze le Gbetakpɔxɔ me le ƒe 2017 me ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-december-2017\/","date":"2019-06-16T17:47:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998288.34\/warc\/CC-MAIN-20190616162745-20190616184745-00375.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976667166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976667165756226}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNya Si Nàgblɔ: Metsɔ ɣleti sia ƒe Nyɔ! magazine la vɛ na wò.\nNyabiase: Kpɔ nyabiase si le axa 2 lia ɖa. Nu kae nèsusu tso eŋu?\nMawunyakpukpui: Lk 7:35\nNyati sia ƒo nu tso ale si nya sia ku ɖe Biblia la ŋutɔ ŋu la ŋu.\nNYƆ!\nBiblia ƒe Nufiafia\nNyabiase: Ame geɖe siwo xɔ Mawu dzi se la adi be yewoate ɖe eŋu. Gake ènya be Biblia kpe mí be míate ɖe Mawu ŋua?\nMawunyakpukpui: Yak 4:8a\nNya Si Nàgblɔ: Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míato Biblia dzi asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu. [He susu yi Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta gbãtɔ dzi.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.\nNɔviwo le ƒe 2014 ƒe dukɔwo dome takpekpe me le New Jersey, U.S.A.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-24T09:44:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999298.86\/warc\/CC-MAIN-20190624084256-20190624110256-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978328943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978328943252563}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NYE ÐOKUIBƆBƆ?\nÐokuibɔbɔlawo dea bubu ame ŋu. Womedana loo alo kpɔa mɔ be amewo nawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛ o. Ke boŋ ɖokuibɔbɔla tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo vevie, eye wòdina be yeasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.\nAme aɖewo bua ɖokuibɔbɔ vodadatɔe ɣeaɖewoɣi be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ. Gake menye gbɔdzɔgbɔdzɔe o, ke boŋ ekpena ɖe ame ŋu be wòade dzesi eƒe vodadawo eye wòanya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo.\nNU KA TAE ÐOKUIBƆBƆ LE VEVIE?\nÐokuibɔbɔ nana kadodowo me nyona. Agbalẽ aɖe (The Narcissism Epidemic) gblɔ be, \"Zi geɖe la, ɖokuibɔbɔla tea ŋu dzea xɔ̃wo bɔbɔe.\" Eyi edzi gblɔ be: \"Enɔa bɔbɔe be wòade ha kple amewo le afi sia afi.\"\nÐokuibɔbɔ ate ŋu aɖe vi na viwòa le etsɔme. Ne viwò srɔ̃ ɖokuibɔbɔ la, akpe ɖe eŋu fifia kple etsɔme—le kpɔɖeŋu me, ne eyi dɔ diƒe. Agbalẽnyalagã Leonard Sax gblɔ be: \"Sɔhɛ si doa eɖokui ɖe dzi, evɔ medea dzesi eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o la, metea ŋu ɖoa nyawo ŋu wòdea dzi gbɔ na dɔtɔ ne ele dɔ dim eye wole gbe biamee o. Gake sɔhɛ si di tso dzi me be yeanya nu si le vevie na dɔtɔa la, ƒe asi tea ŋu sua dɔa dzi bɔbɔe wu.\" *\nALE SI NÀFIA ÐOKUIBƆBƆ VIWÒ\nKpe ɖe viwòa ŋu be wòagabu eɖokui ŋu fũu o.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui ko blem wòle.\"—Galatiatɔwo 6:3.\nMègaɖɔ kesekuku nɛ o. Nyawo abe \"Wò asi ate ŋu asu nu sia nu dzi\" kple \"Àte ŋu ava nye nu sia nu si nèdi be yeava nye\" ene gbɔgblɔ, adze dzideƒonyawo, gake zi geɖe la, eto vovo na ale si agbea ŋutɔ nɔna. Ke hã, ne eɖoa taɖodzinu nyui siwo gbɔ wòate ŋu aɖo eye wòdzea agbagba be yeaɖo wo gbɔ la, ate ŋu ava kpɔ dzidzedze.\nKafui ɖe nane koŋ ta. Ne ègblɔ na viwò be \"ède ŋgɔ ŋutɔ\" la, makpe ɖe eŋu wòabɔbɔ eɖokui o. Kafukafua neku ɖe nane koŋ ŋu.\nMègana wòazã Internet dzi hahoo kadodowo fũu akpa o. Zi geɖe la, Internet dzi hahoo kadodowo nana ame hea susu va eɖokui dzi—enana ame doa boblo eƒe ŋutetewo kple nu siwo wòte ŋu wɔna, eye esia fia be ame mebɔbɔ eɖokui o.\nFia viwòa be wòanye ame si ɖea kuku kaba. Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ afi siwo wòdze agɔ le, eye wòalɔ̃ ɖe edzi.\nFiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Minye akpedalawo.\"—Kolosetɔwo 3:15.\nFiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ele be ɖevi nasrɔ̃ ale si wòakpɔ ŋudzedze ɖe nuwɔwɔwo ŋu kple ale si gbegbe woɖea vi na míi. Míehiã ya agbɔ, tsi ano kple nuɖuɖu be míaɖu. Zã kpɔɖeŋu siawo nàtsɔ aƒã ale si viwòa nakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnuku siwo le xexea me ŋu la ɖe eme, eye wòada akpe ɖe wo ta.\nFiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu. Ðo ŋku edzi na viwòa be ame bubuwo nyo wui le mɔ aɖe nu eye le esi wòaʋã ŋu wo le woƒe ŋutetewo kple nu siwo wote ŋu wɔna ŋu teƒe la, ate ŋu asrɔ̃ nu tso wo gbɔ boŋ.\nFiae be wòanye akpedala. Fia viwòa wòasrɔ̃ ale si wòagblɔ be \"akpe,\" gake menye be wòagblɔe kple nu ko o, ke boŋ wòatso dzi me nɛ. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, enana míebɔbɔa mía ɖokui.\nKpe ɖe viwòa ŋu be wòawɔ nu si aɖe vi na ame bubuwo.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.\"—Filipitɔwo 2:3, 4.\nDe aƒemedɔwo asi na viwòa. Ne mèdea aƒemedɔwo asi na viwòa le ƒomea me o la, ke èle gbɔgblɔm nɛ be, 'Èle vevie wu dɔ mawo!' Kpe ɖe eŋu wòawɔ aƒemedɔwo vɔ hafi afe fefe. Ƒo nu tso ale si aƒemedɔwo ɖea vi na ame bubuwoe kple ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe dɔa kpakple ewɔla siaa ŋu la ŋu nɛ.\nTe gbe ɖe ale si wònyo be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu la dzi nɛ. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ana wòatsi le susu me. Eya ta kpe ɖe viwòa ŋu be eƒe susu nanɔ ame siwo hiã na kpekpeɖeŋu la ŋu. Gblɔ nu siwo wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu la nɛ. Ne ekpe ɖe ame aɖe ŋu la, kafui eye nàde dzi ƒo nɛ.\n^ mm. 8 Etso agbalẽ si nye The Collapse of Parenting me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/ale-si-w%C3%B2ab%C9%94b%C9%94-e%C9%96okui\/","date":"2019-06-19T17:25:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00251.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970540404,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970540404319763}","num_words":740,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣeyiɣi didi kae nye esia nèle lalam be Mawu Fiaɖuƒea nava? Togbɔ be èle nɔnɔme sesẽwo me tom hã, ɖe nèyi edzi le lalam dzigbɔɖitɔea? (Ro 8:25) Wolé fu Kristotɔ aɖewo, wɔa ŋlɔmi le wo ŋu, dea wo gaxɔ me, alo tsɔ ku gɔ̃ doa ŋɔdzi na wo. Dɔmavɔleameŋu alo tsitsi hã nye kuxi siwo me tom mía nɔvi gbogbo aɖewo le.\nNu kae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ didi vevie anɔ lalam le nɔnɔme sesẽwo me? Ele be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe eye míade ŋugble le eŋu be wòado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ele be nu siwo míele mɔ kpɔm na nanɔ susu me na mí. (2Ko 4:16-18; Heb 12:2) Ele be míado gbe ɖa aƒo koko na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nado ŋusẽ mí. (Lk 11:10, 13; Heb 5:7) Mía Fofo si lɔ̃ mí la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be 'míado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.'—Kol 1:11.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE ELE BE 'MÍATSƆ DZIDODO ANƆ DUÐIMEKEKEA DZI'—KA ÐE EDZI BE YEAXƆ FETUA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\n\"Nuɖiɖeame\" kawoe ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le agbe me? (Nyg 9:11)\nNe míedo gbe ɖa le nɔnɔme sesẽwo me la, aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋui?\nNe míegate ŋu le dɔ geɖe wɔm na Yehowa abe tsã ene o la, nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ esi míete ŋu le wɔwɔm fifia ŋu?\nNu kae kpena ɖe ŋuwò nèkana ɖe edzi be yeƒe asi asu fetua dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb18-24\/Yi-Edzi-N%C3%A0ts%C9%94-Dzidodo-An%C9%94-Lalam\/","date":"2019-06-19T04:03:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998882.88\/warc\/CC-MAIN-20190619023613-20190619045613-00171.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953751564,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953751564025879}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TV.JW.ORG: Woate ŋu aʋui le kɔmpiuta, tablɛt kple asitelefon deŋgɔ siwo dzi internet le eye JavaScript hã le dɔ wɔm le wo dzi la dzi. Ne wò dɔwɔnua ate ŋu aƒo video siwo le jw.org la, ekema ate ŋu aʋu tv.jw.org hã.\nRoku dɔwɔnu: Roku 1, Roku 2, Roku 3 kple Roku Streaming Stick.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/D%C9%94w%C9%94nu-Siwo-%C6%B2un%C9%9B\/","date":"2019-06-16T12:37:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00442.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979551435,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979551434516907}","num_words":51,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ATIWO zãa tsi, ya gbegblẽwo (alo carbon dioxide) kple ŋusẽ si wòhena tso ɣea me tsɔ wɔa nuɖuɖui. Numekuku si wowɔ le ati aɖewo ŋu ɖee fia be wogawɔa dɔ bubu aɖe hã—si nye be wobua ale si woaɖu nuɖuɖu ma le zã me la ŋuti kɔnta.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Atiwo trɔa ya gbegblẽwo zua nuɖuɖu le ŋkeke me. Le zã me la, atiawo ɖua nuɖuɖu si wowɔ hedzra ɖo le ŋkeke me la si wɔnɛ be dɔ mewua wo o, eye wotea ŋu tsina hetsea ku. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖua woƒe nuɖuɖua le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu—si nye be womeɖunɛ kabakaba o eye womeɖunɛ blewu hã o—ale be kaka fɔŋli naɖo la woɖua nuɖuɖua ƒe 95 le alafa me eye wogadzea bubu wɔwɔ gɔme.\nSinapi-ti ƒomevi aɖee wozã tsɔ wɔ numekukua. Numekulawo de dzesii be ati sia wɔa ɖoɖo ɖe nuɖuɖu si wòdzra ɖo ƒe agbɔsɔsɔ si wòaɖu le zã ƒe didime nu ŋu nyuie, eɖanye gaƒoƒo 8, 12 alo 16 ye susɔ hafi fɔŋli naɖo o. Edze ƒãa be ati sia maa nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si le esi la ɖe ɣeyiɣi ƒe didime si susɔ hafi fɔŋli naɖo la nu, eye esia kpena ɖe eŋu wònyana ɖoɖo si nu wòaɖui le.\nAleke atiwo wɔna nyana nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si le wo si? Aleke wowɔna nyana ɣeyiɣi ƒe didime? Nu ka dzie wonɔa te ɖo hafi bua akɔnta siawo? Numekuku bubu siwo ɖewohĩ woagawɔ la ana nya siawo me nakɔ.\nNu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le atiwo si be woabu akɔnta la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201511\/ati-%C6%92e-tsitsi-z%C3%A3-me-numekuku\/","date":"2019-06-24T14:05:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999539.60\/warc\/CC-MAIN-20190624130856-20190624152856-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988094568,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988094568252563}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 3 va se ɖe 30, 2019 la le tata sia me.\nNu kae míawɔ be míagabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me nyuie eye míase vivi nɛ wu?\nNu etɔ̃ aɖewo siwo Yesu wɔ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me, ne m��ele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.\nAleke míate ŋu aƒo asa na kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o?\nAfɔ kawoe míate ŋu aɖe be Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nagakplɔ mí atrae o?\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ nu tso yayra siwo gbegbe Winston kple Pamela Payne, siwo tso Australia, la kpɔ le agbe me ŋu.\nLe blema la, aleke mɔzɔla wɔa ɖoɖo ɖe ƒudzimɔzɔzɔ ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-april-2019\/","date":"2019-06-24T13:52:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999539.60\/warc\/CC-MAIN-20190624130856-20190624152856-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965760112,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965760111808777}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hena ɖiɖi?\nYudatɔwo ɖia woƒe ame kukuwo kaba, zi geɖe le ŋkeke si dzi amea ku le. Susu eve tae woɖia ame kaba ɖo. Susu gbãtɔe nye be, Titina Ɣedzeƒe nutoa me ƒe dzoxɔxɔ wɔnɛ be ame kuku gblẽna kaba. Evelia, amewo bunɛ ɣemaɣi be amea gbegblẽ ɖi ŋkeke geɖe nye bubumademade ame kukua kple eƒe ƒometɔwo ŋu.\nNuŋlɔɖi ene ya teti le Nyanyuigbalẽawo kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me siwo gblɔ be woɖi ame aɖewo siwo ku la le ŋkeke si dzi woku la dzi. (Mateo 27:57-60; Dɔwɔwɔwo 5:5-10; 7:60–8:2) Ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ la, Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa, Raxel, ku esime Yakob kple eƒe ƒomea nɔ mɔ zɔm. Le esi Yakob nakɔ ame kukua aɖaɖi ɖe woƒe ƒomea ƒe ameɖiƒe teƒe la, eɖii ɖe yɔdo aɖe me 'le mɔ si ɖo ta Betlexem la dzi.'—1 Mose 35:19, 20, 27-29.\nBiblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe kunuwɔwɔ ŋu ɖee fia be Yudatɔwo dzraa woƒe ame kukuwo ɖo beléletɔe hafi ɖina. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo lea tsi na ame kukua, wosia atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo nɛ, eye woxatsaa avɔwo ɖe eŋu. (Yohanes 19:39, 40; Dɔwɔwɔwo 9:36-41) Aƒelikawo kple ame bubuwo va faa amea eye wofaa akɔ na ƒometɔwo.—Marko 5:38, 39.\nÐe woɖi Yesu abe ale si Yudatɔwo ɖia woƒe ame kukuwoe enea?\nYudatɔ geɖewo ɖia woƒe ƒometɔ siwo ku la ɖe kpeto, agado, alo yɔdo siwo woɖe ɖe agakpe siwo nya funa bɔbɔe, siwo bɔ ɖe Israel nyigba dzi, la me. Kpɔɖeŋu si blemafofowo ɖo ɖi lae wosrɔ̃ le esia wɔwɔ me. Woɖi Abraham, Sara, Isak, Yakob kple ame bubuwo ɖe kpeto si le Maxpela, si te ɖe Xebron ŋu la me.—1 Mose 23:19; 25:8, 9; 49:29-31; 50:13.\nWoɖi Yesu ɖe yɔdo aɖe si woɖe ɖe agakpe me la me. (Marko 15:46) Zi geɖe la, kpetoa ƒe mɔnu nɔa biie. Le kpetoa me la, woɖea dowo ɖe glia ŋu keŋ, eye do mawo mee wotsɔa ƒometɔawo ƒe kukuawo dana ɖo. Ne woƒe ŋutilã nyunyɔ vɔ la, wolɔa ƒu ƒuƒuawo kɔna ɖe amekukuƒuɖaka me, abe ale si wowɔna le Yesu ƒe ŋkekeawo me ene. Ƒomea toa mɔ sia dzi dzraa yɔdoa me ɖo ale be woakpɔ mɔ aɖi ame bubuwo emegbe.\nEsi Sabat la nye dzudzɔgbe le Mose ƒe Sea nu ta la, ewɔe be Yudatɔwo metea ŋu wɔa ameɖiɖi kɔnuwo le ŋkeke ma dzi o. Eye esi wònye be Yesu ku gaƒoƒo etɔ̃ do ŋgɔ na Sabat ŋkekea ƒe gɔmedzedze ta la, Yosef si tso Arimatia kple ame bubuawo mete ŋu dzra eƒe kukua ɖo vɔ hafi ɖii o. (Luka 23:50-56) Le esia ta, Yesu xɔlɔ̃ aɖewo yi yɔdoa gbɔ le Sabat la megbe kple susu be yewoadzra eƒe kukua ɖo nyuie.—Marko 16:1; Luka 24:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130301\/yudat%C9%94wo-%C6%92e-ame%C9%96i%C9%96i-le-%C6%92e-alafa-gb%C3%A3t%C9%94-me\/","date":"2019-06-19T17:09:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987175465,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987175464630127}","num_words":434,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale Si Yehowa Ðasefowo Kpena Ðe Ƒomewo Ŋu Wolia Ke\nMíedzea agbagba vevie be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, elabe wokpena ɖe mía ŋu míenyea srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu kple dzila nyuiwo. (Lododowo 31:10-31; Efesotɔwo 5:22–6:4; 1 Timoteo 5:8) Biblia ƒe mɔfiamewo kpena ɖe ƒome siwo me srɔ̃tɔawo le subɔsubɔha vovovowo me la gɔ̃ hã ŋu wokpɔa dzidzedze. (1 Petro 3:1, 2) Se nya siwo ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o siwo srɔ̃wo va zu Yehowa Ðasefowo la gblɔ la ɖa:\n\"Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe ade gbãtɔawo me la, dzre kple tukaɖa dzi ko míenɔna. Gake esi Ivete va zu Yehowa Ðasefo la, eva lɔ̃am hegbɔa dzi ɖi nam wu. Ale si wòtrɔ agbenɔnɔ lae lé míaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te.\"\n—Clauir si tso Brazil.\n\"Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nye Chansa la, nyemelɔ̃ kura o, elabe mesusui be wogbãa ƒomewo. Gake tso ɣemaɣi la, meva kpɔe be Biblia-sɔsrɔ̃ boŋue kpe ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu.\"\n—Agness, srɔ̃nyɔnu si tso Zambia.\nLe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, míefiaa mía haviwo ale si Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe wo ŋuti\nNe srɔ̃tɔ ɖeka zu Yehowa Ðasefo la, ɖe wòhea masɔmasɔwo dea srɔ̃tɔawo domea?\nLe nyateƒe me la, ehea masɔmasɔwo vɛ ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 me la, numekuha si nye Sofres ka nya ta be srɔ̃ɖeɖe 1 le 20 me me koe wode dzesi kuxi sesẽwo le esi srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka va zu Yehowa Ðasefo.\nYesu gblɔe ɖi be masɔmasɔ ado mo ɖa le ame siwo zɔna ɖe yeƒe nufiafiawo nu la kple woƒe ƒometɔwo dome ɣeaɖewoɣi. (Mateo 10:32-36) Ŋutinyaŋlɔla Will Durant de dzesii be le Roma Fiaɖuƒea me la, \"Wotsɔ nya ɖe Kristotɔwo ŋu be wogbãa ƒomewo,\" * eye wogblɔa nya ma ke ɖe Yehowa Ðasefo aɖewo hã ŋu egbea. Gake ɖe esia fia be Ðasefoawo gbɔe kuxiawo tsona?\nEsi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe le nya me tsom ku ɖe nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be wogbãa ƒomewo ŋu la, egblɔ be ƒometɔawo dometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o la gbɔe masɔmasɔawo tsona elabena \"womedina be yewoaɖe mɔ na yewo srɔ̃wo woakpɔ gome le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o eye womedea bubu wo srɔ̃awo ƒe subɔsubɔ hã ŋu o.\" Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be: \"Alea koe wòdzɔna le srɔ̃tɔ siwo le subɔsubɔha vovovowo me la dome, eye menye ƒome siwo me srɔ̃tɔ ɖeka nye Yehowa Ðasefo ɖeɖe ko mee wòdzɔna le alea o.\" * Ne Yehowa Ðasefowo ƒe ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o le wo yome tim le woƒe subɔsubɔ ta hã la, Yehowa Ðasefoawo ya dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nya sia dzi be: \"Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. . . . Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.\"—Romatɔwo 12:17, 18.\nNu si ta Yehowa Ðasefowo xɔe se be yewoƒe hametɔwo koe wòle be yewoaɖe\nYehowa Ðasefowo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be woaɖe srɔ̃ le \"Aƒetɔ la me ko,\" si fia be woaɖe ame si nye woƒe hametɔ ɖeɖe ko, la dzi. (1 Korintotɔwo 7:39) Sedede sia tso Biblia me eye susu le eme hã. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le magazine aɖe (Journal of Marriage and Family) si wota le ƒe 2010 me la ƒe nyati aɖe me be, \"srɔ̃tɔ siwo le subɔsubɔha ɖeka me, eye woƒe subɔsubɔnuwɔnawo kple dzixɔsewo le ɖeka\" la dome nɔa kplikplikpli wu. *\nGake Yehowa Ðasefowo medea dzi ƒo na woƒe hameviwo be woagbe wo srɔ̃ siwo menye Ðasefowo o. Biblia gblɔ be: \"Ne nyɔnu dzimaxɔsetɔ aɖe le nɔvi aɖe si, eye nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua negadzo le egbɔ o; eye ne nyɔnu aɖe srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ, gake ŋutsua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, nyɔnua negadzo le egbɔ o.\" (1 Korintotɔwo 7:12, 13) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe sedede sia dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/%C6%92omewo\/","date":"2019-06-18T21:13:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00013.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999211967,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992119669914246}","num_words":613,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 28, 2015 va se ɖe January 31, 2016 la le tata sia me.\nNɔnɔme etɔ̃ aɖewo siwo Yesu ɖe fia le eƒe nufiafia me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàmla viwò nyuie.\nAleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be wòayi ŋgɔ le mawusubɔsubɔ me le eƒe ƒewuiwo me\nNu kawo ŋue woke ɖo si ɖee fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖe to ɖe blemadu Yeriko?\nAleke Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa amegbetɔwoe?\nÀte ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe se sia dzi le wò srɔ̃ɖeɖe me, le hamea me, kple gbeƒãɖeɖedɔa me.\nMɔnu etɔ̃ kawoe míezã tsɔ kaka Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20151115\/","date":"2019-06-18T23:45:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998844.16\/warc\/CC-MAIN-20190618223541-20190619005541-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985458851,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985458850860596}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Ede asi nuƒoƒo me na wo le lododowo me be: \"Ame aɖe de waingble,+ eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme, eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme,+ etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta.+ 2 Ke esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelawo gbɔ be wòaxɔ waingblea me kutsetse aɖewo tso wo gbɔ avɛ. 3 Ke wolée heƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui. 4 Egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ, ke woxlã nu ɖe ta nɛ hedo vloe.+ 5 Eye wògadɔ bubu ɖa, ke wowu eya hã, egadɔ bubu geɖewo ɖa, ke woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo hã. 6 Azɔ viŋutsuvi ɖeka le esi, si gbɔ melɔ̃a nu le o.+ Edɔ eya hã ɖe wo gbɔ gblɔ be, 'Woasi vinye ŋkume ɖa.' 7 Ke agbledela mawo gblɔ le wo nɔewo dome be, 'Ame siae nye domenyila la.+ Miva míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.' 8 Ale wolée hewui, eye wokɔe ƒu gbe ɖe waingble la godo.+ 9 Nu kae waingbletɔa awɔ? Ava eye wòawu agbledelawo, eye wòatsɔ waingblea ade asi na ame bubuwo.+ 10 Ðe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ be, 'Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,+ 11 Yehowa* gbɔe esia tso, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume' oa?\"+ 12 Ale wodi be yewoalée, elabena wokpɔe dze sii be yewo ŋue wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la. Eya ta wogblẽe ɖi dzo.+ 13 Emegbe wodɔ Farisitɔwo kple Herodes habɔbɔ me nɔla aɖewo ɖe egbɔ be woalée le eƒe nuƒoƒo me.+ 14 Esi wova la, wogblɔ nɛ be: \"Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, eye mèdea ame dzi o, elabena mèwɔa nu ɖe ale si ame dzena le gotae la nu o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me. Ðe se ɖe mɔ* be woaxe adzɔ na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o? 15 Míaxee loo alo mígaxee o?\" Esi wòkpɔ woƒe alakpanuwɔwɔa dze sii la, ebia wo be: \"Nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? Mitsɔ denario* ɖeka vɛ makpɔ.\" 16 Wotsɔ ɖeka vɛ, eye wòbia wo be: \"Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?\" Woɖo eŋu nɛ be: \"Kaisaro tɔe.\" 17 Eya ta Yesu gblɔ be: \"Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro,+ ke nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.\"+ Eye eƒe nu wɔ nuku na wo. 18 Eyome Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi aɖeke meli o+ la va egbɔ hebiae be:+ 19 \"Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mí be ne ame aɖe nɔviŋutsu ku hegblẽ srɔ̃a ɖi eye medzi vi aɖeke o la, nɔvia naxɔ nyɔnua aɖe, ne wòado ƒome ɖi nɛ.+ 20 Nɔviŋutsu adre nɔ anyi kpɔ. Gbãtɔa ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 21 Eye evelia hã ɖe nyɔnua, gake eya hã ku evɔ medzi vi aɖeke o, eye etɔ̃lia hã nenema ke. 22 Eye wo ame adreawo katã medzi vi aɖeke o. Mlɔeba nyɔnua hã ku. 23 Le tsitretsitsia me ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo ame adreawo katã ɖee kpɔ.\" 24 Yesu gblɔ na wo be: \"Ðe menye esia tae mieda ƒu le esi mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la oa?+ 25 Elabena ne wofɔ tso ame kukuwo dome la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.+ 26 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ ŋuve ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe agbalẽa me, ale si Mawu gblɔ nɛ be: 'Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu' la oa?+ 27 Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe. Mieda ƒu ŋutɔ.\"+ 28 Esi agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si va afi ma hese woƒe nyaʋiʋlia kpɔe be Yesu ɖo nya ŋu na wo nyuie la, ebiae be: \"Se kae nye gbãtɔ* le wo katã dome?\"+ 29 Yesu ɖo eŋu be: \"Gbãtɔe nye, 'Oo Israel, see, Yehowa* mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, 30 eye nàlɔ̃ Yehowa* wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ* blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.'+ 31 Eveliae nye esi, 'Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.'+ Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.\" 32 Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be: \"Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe la nu be, 'Ðeka koe wònye, eye bubu aɖeke megali o, negbe eya ko,'+ 33 eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kpakple ŋusẽ blibo, eye woalɔ̃ ame havi abe ame ɖokui ene la xɔ asi sãsãsã wu numevɔsa blibowo kple vɔsawo katã.\"+ 34 Esi Yesu kpɔ be eɖo nyaa ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: \"Mèle adzɔge tso Mawu Fiaɖuƒe la gbɔ o.\" Ke ame aɖeke megado dzi bia nya aɖekee o.+ 35 Ke esi Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me la, ebia be: \"Aleke wɔ agbalẽfialawo gblɔna be David vie Kristo la nye?+ 36 Evɔ gbɔgbɔ kɔkɔe+ la na David ŋutɔ gblɔ be, 'Yehowa* gblɔ na nye Aƒetɔ be: \"Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te.\"'+ 37 Ne David ŋutɔ yɔe be 'Aƒetɔ' ɖe, ke aleke wɔ wònye via?\"+ Eye ameha gã la ɖo toe dzidzɔtɔe. 38 Eyi eƒe nufiafia dzi gblɔ be: \"Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfiala siwo nɔa awu ʋlayawo me nɔa tsatsam, eye wodina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo* me,+ 39 eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi* nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple bubunɔƒewo nɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo la ŋu.+ 40 Woawoe daa adzo ahosiwo ƒe aƒewo,* eye wodoa gbe legbewo ɖa be amewo nakpɔ yewo.* Ame siawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asesẽ wu.\" 41 Yesu bɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔ nudzɔɖakawo+ hele ŋku lém ɖe ale si amewo le ga dem nudzɔɖakawo mee ŋu, eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔa gaku geɖe dea wo me.+ 42 Eye ahosi dahe aɖe tsɔ gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ* la va de eme.+ 43 Eya ta eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: \"Vavã mele egblɔm na mi be, ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu ame bubu siwo katã va de nu nudzɔɖakaawo me.+ 44 Elabena wo katã wotsɔ woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko va de eme, ke eya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la, de eme.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Ðe wòsɔ.\"\n^ Alo, \"vevitɔ.\"\n^ Alo, \"asiwo.\"\n^ Alo, \"teƒe nyuitɔwo.\"\n^ Alo, \"nunɔamesiwo.\"\n^ Alo, \"wowɔa ameŋkumenu doa gbe legbewo ɖa.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-30","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/marko\/12\/","date":"2019-07-16T23:23:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-30\/segments\/1563195524972.66\/warc\/CC-MAIN-20190716221441-20190717003053-00001.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993333817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999333381652832}","num_words":1024,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia gblɔ nu si Yehowa kple Via, Yesu Kristo, awɔ tso fukpekpe siwo Satana Abosam he va ameƒomea dzi ŋu la na mí eme kɔ nyuie. Biblia gblɔ be: 'Susu si ta woɖe [Yesu] Mawu ƒe Vi la ɖe goe nye be, wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.' (1 Yohanes 3:8) Woaɖe fifi nuɖoanyi sia si me ŋukeklẽ, fuléle, kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖo la ɖa keŋkeŋ. Yesu gblɔe ɖi be 'woava ɖe' Satana Abosam, si nye \"xexe sia dzi ɖula la ɖa.\" (Yohanes 12:31) Ne woɖe Satana ɖa alea vɔ la, woaɖo xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la anyi, eye ŋutifafa axɔ aƒe ɖe anyigba dzi.\nKe ame siwo gbe gbidii be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o eye wogakpɔtɔ le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ya ɖe? De ŋugble le ŋugbedodo sia si me kɔ nyuie la ŋu kpɔ: \"Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.\" (Lododowo 2:21, 22) Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo nu ayi keŋkeŋ. Le ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi ma me la, woana amegbetɔ toɖolawo navo tso blibomademade si ƒe dome wonyi la me vivivi.\nNu kae Mawu awɔ be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ manɔ xexe yeye ma me kura o? Menye ɖe wòle tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea xɔ ge le mía si ahana míanɔ abe mɔ̃ siwo mebua tame o la ene o. Ke boŋ afia eƒe mɔwo amegbetɔ toɖolawo, eye wòakpe ɖe wo ŋu woaɖe asi le tamesusu kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu keŋkeŋ.\nMawu aɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa\nNu kae Mawu awɔ tso afɔku siwo ɖina ɖe ame la ŋu? Edo ŋugbe be yeƒe Fiaɖuƒea ava ɖu anyigba bliboa dzi kpuie. Ame si Mawu tia be wòanye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia ye nye Yesu Kristo, si si ŋusẽ le be wòada dɔ na dɔnɔwo. (Mateo 14:14) Ŋusẽ le Yesu si hã be wòaxe mɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo nu. (Marko 4:35-41) Le esia ta, fukpekpe siwo 'nuɖiɖeamewo' hena vaa mía dzi la nu ayi. (Nyagblɔla 9:11) Vɔ̃ aɖeke magadzɔ ɖe ameƒomea dzi le Kristo ƒe dziɖuɖua te o.\nKe ame miliɔn geɖe siwo bu woƒe agbe dzodzro le afɔku dziŋɔwo me ya ɖe? Esi wòsusɔ vie ne Yesu nafɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre la, egblɔ be: \"Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.\" (Yohanes 11:25) Ɛ̃, ŋusẽ le Yesu si be wòafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre!\nNe edzro wò be yeanɔ agbe le xexe si me vɔ̃ magadzɔ ɖe ame nyuiwo dzi le o me la, ekema ɖe manyo be nàsrɔ̃ nu tso Mawu vavã la kple eƒe tameɖoɖo ŋu le Biblia me oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140701\/nu-si-mawu-aw%C9%94\/","date":"2020-01-18T18:34:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593295.11\/warc\/CC-MAIN-20200118164132-20200118192132-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982613921,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982613921165466}","num_words":477,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu 6lia: Tsɔtsɔke\n\"Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.\"—Kolosetɔwo 3:13.\nNu si wòfia. Atsu kple asi siwo kpɔ dzidzedze le woƒe ƒomegbenɔnɔ me la srɔ̃a nu tso nu siwo me woto me; ke hã, womeléa dziku ɖi henɔa te ɖe edzi wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu henɔa fɔbuamenya siawo tɔgbi gblɔm ɖe wo nɔewo ŋu o, be \"Wò ya, ɣesiaɣi ko nètsia megbe,\" alo \"Mèsea nu gɔme gbeɖe o.\" Srɔ̃tɔ evea siaa xɔe se be 'bubu wònye be woaɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.'—Lododowo 19:11.\nNu si ta wòle vevie. Mawu 'lɔ̃a tsɔtsɔke,' gake amegbetɔwo ya melɔ̃na tsɔna kena ɣesiaɣi o. (Psalmo 86:5) Dzikuléleɖi nyawo gbɔ makpɔmakpɔe wɔnɛ be kuxiwo va doa gã ɖe edzi ale gbegbe be megatea ŋu va nɔa bɔbɔe be woatsɔ ake o. Srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe megaɖea eƒe seselelãme gblɔna o—wo dometɔ aɖeke megasea veve ɖe nɔvia nu o. Wo ame evea siaa sena le wo ɖokui me be yewoxaxa le srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o me.\nTe mɔfiame sia kpɔ. Tsɔ mia kple srɔ̃wò ƒe foto xoxo siwo mieɖe le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me alo le srɔ̃ɖeɖe megbe teti la nàkpɔ. Dze agbagba nàɖo ŋku dzidzɔ si gbegbe miekpɔ va yi hafi kuxi siwo va xaxa mi ɖo la te mododoɖa la dzi. Emegbe bu srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme nyui siwo lé dzi na wò zi gbãtɔ si nèkpɔe la ŋu.\n▪ Nɔnɔme nyui kawoe doa dzidzɔ na wò wu le srɔ̃wò ŋu fifia?\n▪ De ŋugble tso dɔ nyui siwo ale si nàlɔ̃ faa atsɔ vodadawo anɔ kekem geɖe wu ate ŋu awɔ ɖe viwòwo dzi la ŋu.\nTso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble tso mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aƒo asa na nuƒoƒo tso vodada xoxowo ŋu ne masɔmasɔ aɖe va do mo ɖa le mia kple srɔ̃wòa dome la ŋu.\nÐe manyo be nàkafu srɔ̃wòa ɖe nɔnɔme nyui siwo doa dzidzɔ na wò wu le eŋu la ta oa?—Lododowo 31:28, 29.\nBu mɔ aɖewo siwo dzi nàto atsɔ viwòwo ƒe vodadawo anɔ wo kem la ŋu.\nÐe manyo be mia kple viwòwo miadzro tsɔtsɔke ƒe nya sia kpakple ale si vodadawo tsɔtsɔ ke ɖea vi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe la me oa?—g09 10-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 8]\nNe ètsɔ ke la, efia be èɖe asi le fe si wonyi le ŋuwò la ŋu. Màgava biae ake o","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Nu-6lia-Ts%C9%94ts%C9%94ke\/","date":"2020-01-28T14:34:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251778272.69\/warc\/CC-MAIN-20200128122813-20200128152813-00027.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990062118,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990062117576599}","num_words":402,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kete—Fiawo Ƒe Avɔ\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ\nAVƆLƆ̃LA ƒe asi le yiyim le gbɔgbɔm kabakaba to avɔa dzi. Eƒe ŋku le avɔ lebee si le amadede dzeani me si le eƒe akɔme ŋu tututu esime wòle eɖokui ʋãm ɖe kekeawo kple atiawo ƒe gbeɖiɖi lédzinamea ŋu. Ka aɖewo to eƒe afɔbidɛwo me; si wòtsɔ hea afɔtɛmekawo—si nye ka siwo wotsi ɖe nusi nɔa dzi kple anyime yim henɔa avɔka siwo mlo legbe si me he meta 6 tso agbatia gbɔ la me kem ganɔa mɔ fiamee. * Ezã eƒe asibidɛwo tsɔ lɔ̃ sedaka lee dzeani aɖe to eme kabakaba tsɔ tso ga avɔka siwo mlo legbe si me ke ɖe te la me wòzu kalɔlɔ̃ si wòate wòazu avɔ.\nAvɔ lebee si wokpɔna le eme ƒe kekeme katã koe nye sentimeta ewo. Gake amadede dzeani kple atsyã lédziname klẽna le eme. Asinudɔwɔla la va koa alɔgbɔnu kple dzidzeme ne ele eƒe aɖaŋudɔa kpɔm ɖa—si nye kete akuakua.\nBlemasinudɔ Aɖee\nƑe akpe geɖe nye esia la, asinudɔwɔla bibiwo lɔ̃a avɔ abe alesi wolɔ̃nɛ tso blema ke ene. Wokpɔa ka siwo wotre tso flax, ɖeti kple seda me tsɔ lɔ̃a avɔe ɣesiaɣi. Woɖea amadede veviwo tsoa atiwo ƒe kewo kple aŋgbawo me si kpena ɖe avɔlɔ̃lawo ŋu wote ŋu dea atsyã bɔbɔe aɖewo woƒe dɔa me.\nAvɔlɔ̃la siwo le Afrikatɔ tsatsalawo dome wɔ agbati sue siwo wote ŋu kɔna yia afisiafi. Esi woyɔnɛ be avɔ lebee lɔ̃ti ta la, avɔ lebee si wote ŋu lɔ̃na le edzi ƒe kekeme katã koe nye sentimeta 7.5 va ɖo 11.5. Wotɔa avɔ lebee siawo tsiãna ɖekae wòzua avɔ gã si wodana ɖe abɔ. Woblaa agbati kpokploe siawo ɖe agbatsɔlãwo dzi wohena toa dzogbe, tɔsisiwo, kple to kɔkɔwo dzi. Esi wokɔa agbatiawo toa asimɔwo dzi le blema ta la, amesiwo zãnɛ bunɛ dɔwɔnu vevi aɖee.\nAlesi Avɔa Zazã Dzroa Amewoe\nƑe alafa geɖe va yi la, Ɣetoɖoƒe Afrika fiawo ɖu anyigba si dzi tomenu xɔasiwo bɔ ɖo, si Europatɔ anyigbayeyedilawo yɔ be Gold Coast, la dzi. * Afisiae wokua sika gbogbo aɖe le na Asanti-fiawo kple woƒe fiaƒomewo si na wozua hotɔwo. Wotsɔa sikanu xɔasiwo kple avɔ siwo wolɔ̃ etɔxɛe ɖoa atsyɔ̃e na fiagã siawo kple fia siwo le wo te tsɔ ɖea woƒe hokpɔkpɔ, ŋusẽ, kple amegãnyenye fiana le wo teviwo ŋkume. Wova tsɔ ŋkɔ na avɔ tɔxɛ si fiawo tana be kete, ate ŋu anye ŋkɔ si hea susu yia elɔlɔ̃ si de kusilɔlɔ̃ ɖi ge dzi. Gbe bubu dola siwo le Gold Coast hã lɔ̃a avɔ, gake le Asanti-fiawo gome la, kete va zu dzesi tɔxɛ si tsi tre ɖi na amegãnyenye kple fianyenye.\nAvɔlɔ̃la siwo le Gold Coast zãa ɖeti si wotre le wo gbɔ tsɔ lɔ̃a avɔe. Katetre si wode ama blɔ ye wozãna koŋ. Wolɔ̃ ka blɔ siawo ɖe avɔ si mefu tututu o me wòɖea fli kple nɔnɔme aɖewo ƒe atsyã ɖe avɔa me si amesiame te ŋu zãna.\nWomeɖe mɔ le fiawo ƒe kete ƒe atsyã nyui lɔlɔ̃ ŋu na amesiame o. Woɖo fiawo ƒe avɔlɔ̃la bibiwo ƒe ƒuƒoƒo ɖi be woalɔ̃ avɔ xɔasi siawo. Wodzɔ avɔlɔlɔ̃ mɔnu sia ŋu vevie eye wokpɔ eta nyuie be wòanɔ ɣaɣla. Wode se na avɔlɔ̃la bubuwo katã be womekpɔ mɔ alɔ̃ atsyã si wolɔ̃na na fia kple eƒe fiasã me tɔwo ɖeɖe la o. Fia la dzraa avɔ alafa geɖe ɖo, ɖesiaɖe kple alesi wolɔ̃e kple eƒe atsyã tɔxɛ. Le kɔnu nu la, fia metaa avɔ ɖeka tɔgbe le dutoƒo ɣesiaɣi o.\nAmadedewo Didi\nLe ƒe alafa 16 lia me la, avɔ ƒomevi bubu te dodo le Gold Coast. Womelɔ̃ avɔ yeye siawo le Afrikatɔwo ƒe agbati dzi o ke boŋ anyigba didi aɖe dzie wowɔe le eye Europatɔ ƒudzimɔzɔla siwo nɔ nyiɖu, sika, kple kluviwo dim lae tsɔ wo vɛ. Ka siwo le amadede dzeani vovovo mee wotsɔ lɔ̃ dutavɔ siawoe. Eteƒe medidi o, dutavɔ siwo wolɔ̃ kple ka dzẽ, aŋutiɖiɖi, kple gbemu, va zu adzɔnu vevi aɖe le asitsatsa me. Ame ʋɛ aɖewo ko sie ga le be woate ŋu aƒle avɔ xɔasi siawo tso Europatɔ asitsalawo gbɔ. Asantitɔ kesinɔtɔ siwo kpɔa sika, nyiɖu, kple kluvi siwo wotsɔ dea tɔdziʋu siwo dze ɖe ƒuta dzi la si koe nu le be woate ŋu aƒlee. Gake menye avɔae nye nusi dim Asanti-fiawo kple fia siwo le wo te la le o.\nNe avɔa nya ka avɔlɔ̃lawo si ko la, wotsɔa dzigbɔɖi tua ka dzeaniawo si biãa ŋu la le wo me eye wogblẽa avɔa ƒe akpa si kpɔtɔ la ɖi. Emegbe wogbugbɔ lɔ̃a ka xɔasi siawo le fiavɔlɔ̃lawo ƒe agbatiwo dzi. Esi woƒe amadede vovovoawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, nenema kee atsyã si asinudɔwɔlawo to vɛ hã nɔ ŋgɔ yimee, si ʋã wo woɖea woƒe avɔlɔlɔ̃ ƒe ŋutete kple aɖaŋudɔwɔwɔ fiana wu tsã. Asanti-fiawo xɔ avɔlɔ̃la bibi bubuwo tso gbe bubu dolawo dome de dɔa wɔwɔ me si na be wova lɔ̃ kete tɔxɛ si tɔgbe aɖeke menɔ anyi o.\nNɔnɔme siwo ɖi tɔmelã, xevi, atikutsetse, aŋgba, ɣeɖoto, anyieʋɔ, kple dzɔdzɔmenu siwo nya kpɔna la va nye nusiwo wotana ɖe avɔawo me pɛpɛpɛ, siwo katã ŋu gɔmesese aɖe le. Avɔ siwo me wolɔ̃ ka si le abe sika ene ɖo la tsi tre ɖi na hokpɔkpɔ, gbemu tɔ hea susu yia nu yeye dzi, amadede yibɔ tɔ tsi tre ɖi na blanuiléle, dzẽ tɔ fia dziku, eye klosalo tɔ tsi tre ɖi na dzadzɛnyenye kple dzidzɔ.\nAvɔlɔ̃lawo tsɔa dzigbɔɖi nɔa avɔ ɖeka lɔ̃m ɣleti geɖe dzitsitsi manɔmee, elabena wonya be dɔ nyui si yewoawɔ lae woatsɔ adzidze yewoƒe ŋutete kple aɖaŋudɔwɔwɔ tɔxɛ si le yewo si lae. Avɔ nyui sia ƒomevi ƒlelawo mebɔ o, elabena ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aƒle kete nyui xɔasi siawo.\nKete si Li Egbea\nEsi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, fia sesẽwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi va nɔ to yim. Megava hiã be woade vovototo avɔ si fiawo zãna kple esi dumevi dzrowo zãna dome o. Avɔ dzeani sia ƒlelawo va dzi ɖe edzi esime wova te ezazã le wɔna siwo meku ɖe fianuwo ŋu o me. Esi wova lɔ̃a kete kabakaba be woakpɔ avɔ geɖe wu na amewo ta la, eƒe anidzedze, nyonyo, kple asixɔxɔ dzi va ɖe kpɔtɔ.\nEgbea wolɔ̃a kete akpa gãtɔ kple ka siwo menye akuakuawo o eye wotsɔe tɔna akplowo, kɔmeblanu, alidziblanuwo, kukuwo kple nudodo bubuwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Avɔlɔ̃la ʋɛ aɖewo koe gawɔa kete lɔlɔ̃ mɔnu si wozãna le blema si bia kutrikuku kple ɣeyiɣi geɖe la ŋudɔ. Wobua kete akuaku xoxoa kesinɔnui fifia eye wònye domenyinu na dzidzimeviwo le ƒomea me. Nyateƒee, kete nyuitɔ si ɖeke mesɔ kpli o si wolɔ̃ le agbati dzi siwo wobuna fiawo ƒe avɔe tsã la megale nenema egbea o.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Avɔka—katetre siwo me wohe va de agbatia me. Emelɔ̃ka—katetre siwo va tso ga avɔka siwo me wohe legbee la me.\n^ mm. 9 Egbegbe Ghana.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]\nAgbati siwo dzi wolɔ̃a avɔ le la le kpokploe\n[Nɔnɔmetata si le axa 17]\nAvɔlɔ̃la zãa eƒe afɔwo tsɔ hea afɔtɛmeka alo kuɖɔwoe","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011008\/Kete-Fiawo-%C6%91e-Av%C9%94\/","date":"2020-01-24T21:15:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250625097.75\/warc\/CC-MAIN-20200124191133-20200124220133-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989113808,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989113807678223}","num_words":1148,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alberto wɔ asrafodɔ abe ƒe ewo sɔŋ ene. Egblɔ be: \"Míaƒe asrafohaa ƒe osɔfo yraa mí gblɔna be 'Mawu li kpli mi.' Gake nya sia ɖea fu nam megblɔna be: 'Wole yrayem be mayi aɖawu ame, evɔ Biblia de se be, \"Mègawu ame o.\"'\"\nRay nye ƒudzisrafo aɖe si kpɔ gome le Xexemeʋa II me. Gbe ɖeka ebia woƒe asrafohaa ƒe osɔfo be: \"Èva doa gbe ɖa ɖe mía ta le melia me be míaɖu dzi le aʋaa me. Gake ɖe ame siwo míawɔ aʋaa kplii hã ƒe osɔfo mele gbe do ge ɖa ɖe wo ta oa?\" Osɔfoa ɖo eŋu be ame aɖeke mate ŋu ase Aƒetɔa ƒe mɔwo gɔme o.\nNe osɔfoa ƒe nya sia te ɖe dziwò la, nyae be menye wò ɖeka koe o.\nNU KAE BIBLIA FIA TSO NYA SIA ŊU?\nYesu gblɔ be Mawu ƒe sedede vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be \"nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\" (Marko 12:31) Ðe Yesu ƒe nyawo fia be afi si ame aɖe le, alo dukɔ si me wòtso dzie míanɔ te ɖo alɔ̃ea? Ao. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\" (Yohanes 13:34, 35) Woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo aɖe dzesi ale gbegbe be azu nɔnɔme si koŋ amewo anya na wo. Woalɔ̃ faa atsɔ woƒe agbe ana ɖe wo nɔviwo ta, ke menye be woaɖe woƒe agbe ɖa o.\nKristotɔ gbãtɔwo nɔ agbe ɖe Yesu ƒe sededea nu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Sɔlemeha Fofo gbãtɔwo, abe Tertullian kple Origen ene, ɖo kpe edzi be esi Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe sedede si nye be woagawu ame o dzi tae womekpɔ gome le Roma dziɖuɖua ƒe asrafodɔ me o.\"—The Encyclopedia of Religion.\nALEKE YEHOWA ÐASEFOWO WƆA NU LE GO SIA ME?\nYehowa Ðasefowo le xexea ƒe akpa ɖe sia ɖe kloe, eye wo dometɔ aɖewo le dukɔ vovovo siwo le aʋa wɔm kple wo nɔewo la me. Ke hã, wodzea agbagba lɔ̃a wo nɔewo eye amewo nya esia na wo nyuie.\nÐe subɔsubɔhakplɔlawo fiaa woƒe hameviwo be woaɖe lɔlɔ̃ akuakua afia wo haviwoa?\nLe kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 me esi Hututɔwo ho aʋa ɖe Tutsitɔwo ŋu le Rwanda la, Yehowa Ðasefowo ya mede akpa aɖeke dzi o. Ðasefo Hututɔwo tsɔa woƒe agbe dea afɔku me ɣlaa wo nɔvi Tutsitɔwo be woagawu wo o. Esi amewulaawo lé Ðasefo Hututɔ eve aɖewo siwo tsɔ wo nɔvi Tutsitɔwo ɣla la, wogblɔ na wo be, \"Míawu mi le esi mietsɔ Tutsitɔ siawo ɣla ta.\" Nublanuitɔe la, wowu Ðasefo Hututɔ eve siawo nyateƒe.—Yohanes 15:13.\nAleke nèkpɔe, ɖe Yehowa ɖasefowo ƒe nuwɔna wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ be míalɔ̃ mía havi ahalɔ̃ faa aku ɖe eta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130701\/sub%C9%94sub%C9%94hawo-a%CA%8Baw%C9%94w%C9%94\/","date":"2020-01-19T05:39:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594209.12\/warc\/CC-MAIN-20200119035851-20200119063851-00246.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991208911,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991208910942078}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe Nukpɔsusu\nAleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?\nŊ UTASESẼ bɔ eye edzɔna le mɔ vovovo nu. Le aʋawɔwɔ me megbe la, bubuwo dzɔna le kamedefefewo, atikevɔ̃ɖizazã, nuvlowɔhawo, sukuwo kple dɔwɔƒewo kpakple modzakaɖeɖe me. Edze abe aƒemeŋutasesẽ bɔ ɖe ƒome geɖewo me ene. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be le Canada la ŋutsu kple nyɔnu miliɔn 1.2 nyea amesiwo woa ŋutɔwo srɔ̃wo wɔ nu vevii ne mede ɖeke o la zi ɖeka ya teti le ƒe atɔ̃ siwo va yi nyitsɔ laa me. Numekuku bubu ƒo nya ta be amesiwo ƒoa wo srɔ̃wo dometɔ 50 le alafa me wɔa anyra le wo viwo hã ŋu.\nÐikekemanɔmee la, ŋutasẽnuwɔna siawo blea fu lãme na wò abe alesi wòwɔna na ame geɖewo ene. Ke hã ŋutasesẽ va zu nu vevitɔ le modzakaɖeɖe geɖe siwo li egbea me. Menye sinima fefe siwo woɖena be woasusui be ŋutasẽnu ŋutɔŋutɔe wònye ɖeɖekoe dzroa amewo o ke boŋ wolɔ̃a ŋutasẽnu ŋutɔŋutɔ siwo woɖena fiana le television dzi hã kpɔkpɔ. Kɔdada kple kamedefefe si me wowɔa ŋutasẽnu le nye nusiwo ŋu amewo kpɔa dzidzɔ ɖo vevie le dukɔ geɖewo me. Gake aleke Mawu bua ŋutasẽnuwɔnawoe?\nŊutasẽnuwɔwɔ Ŋutinya Li tso Blema Ke\nŊutasẽnuwɔwɔ li tso blema ke. Ŋutasẽnu gbãtɔ si amegbetɔ wɔ woŋlɔ ɖe Biblia me dze le Mose I, 4:2-15. Adam kple Xawa ƒe vi gbãtɔ Kain ʋã ŋu nɔvia Abel eye wòwui tagbɔsesẽtɔe. Nukae Mawu wɔ tso eŋu? Biblia la gblɔ be Yehowa Mawu he to na Kain vevie le esi wòwu nɔvia ta.\nMose I, 6:11 xexlẽ fia be le nudzɔdzɔ sia megbe ƒe 1,500 kple edzivɔ la, \"nu vlo wɔwɔ xɔ\" anyigba la dzi. Nukae Mawu gawɔ tso eŋu? Yehowa de se na ame dzɔdzɔe Noa be wòakpa aɖakaʋu si akpɔ woa kple eƒe ƒomea ta ne ehe tsiɖɔɖɔ va anyigba dzi si 'atsrɔ̃' ame vlo mawo. (Mose I, 6:12-14, 17) Gake nukae na be amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ alea gbegbe ɖo?\nGbɔgbɔvɔ̃wo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi\nMose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ŋutinya ɖee fia be mawuvi siwo nye mawudɔla dzeaglãwo trɔ wo ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nu, ɖe nyɔnuwo, hedzi viwo. (Mose I, 6:1-4) Wo vi siwo woyɔna be Nefilimwo nye ame dzɔtsu xɔŋkɔwo. Wo fofo siwo nye gbɔgbɔmemewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na woawo hã va zu anyrawɔlawo. Esi tsiɖɔɖɔa ɖe anyigba la, anyrawɔla vɔ̃ɖi siawo ku. Gake anɔ eme be gbɔgbɔvɔ̃awo trɔ woƒe nɔnɔme eye wotrɔ yi dziƒonutowo me.\nBiblia na eme kɔ ƒã be tso ɣemaɣi la, mawudɔla dzeaglã siawo ƒoa nya ɖe amegbetɔwo nu vevie. (Efesotɔwo 6:12) Woyɔ wo kplɔla Satana be \"amewula\" gbãtɔ. (Yohanes 8:44) Eyata esɔ be woayɔ nuvlowɔwɔ si yia edzi le anyigba dzi be gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ, alo Satana tɔ.\nBiblia la xlɔ̃ nu ku ɖe ŋutasẽla la ƒe amebeble ŋuti. Egblɔ le Lododo 16:29 be: \"Ŋutasẽla blea ehavi nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ manyomanyo dzi.\" Egbea la woble ame geɖewo wodea nuvlowɔwɔ dzi, doa alɔe, hewɔnɛ. Gakpe ɖe eŋu la, woble ame miliɔn geɖe nu be wokpɔ dzidzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo kafua ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu. Woate ŋu azã nya si dze le Psalm 73:6 ɖe egbegbe ƒe dzidzimea ŋu wòasɔ. Hakpala la gblɔ be: \"Dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.\"\nMawu Léa Fu Ŋutasẽnuwɔwɔ\nAleke wòle be Kristotɔ nanɔ agbe le xexe si me ŋutasesẽ bɔ ɖo mee? Biblia ŋutinya si ku ɖe Yakob kple via Simeon kpakple Lewi ŋu na mɔfiame nyui aɖe mí. Wo nɔvinyɔnu Dina lɔ̃a hadede kple agbegbegblẽnɔla siwo nɔ Sixem. Esia na Sixemtɔ aɖe dɔ egbɔ sesẽe. Simeon kple Lewi ɖo eteƒe na wo to Sixem-ŋutsuwo katã wuwu nublanuimakpɔmakpɔtɔe me. Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yakob woƒo fi de viawo le woƒe dziku helĩhelĩa ta kple nya siawo be: \"Simeon kple Lewi la, nɔviwoe, wotsɔ lãnu do hlɔ̃e. Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o.\"—Mose I, 49:5, 6.\nEsia tae Kristotɔwo ƒoa asa na hadede kple amesiwo dɔa alɔ nuvlowɔwɔ alo wɔnɛ. Eme kɔ ƒã be Mawu léa fu amesiwo dea nuvlowɔwɔ dzi. Biblia gblɔ be: \"Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.\" (Psalmo 11:5) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaƒo asa na dɔmedzoedodo, kple amedzudzu gɔ̃ hã.—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:31.\nÐe Ŋutasesẽ Nu Ava Yia?\nBlema nyagblɔɖila Xabakuk bia Yehowa Mawu be: 'Vaseɖe ɣekaɣie mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta?' (Xabakuk 1:2) Ðewohĩ èbia nya ma ƒomevi kpɔ. Mawu ɖo eŋu na Xabakuk hedo ŋugbe be yeaɖe \"ame vɔ̃ɖi\" la ɖa. (Xabakuk 3:13) Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa hã naa mɔkpɔkpɔ ame. Mawu do ŋugbe le afima be: \"Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.\"—Yesaya 60:18.\nYehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be eteƒe madidi o Mawu aɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒomeviwo katã ɖa le anyigba dzi tsɔ kpe ɖe amesiwo wɔnɛ ŋu. Le ɣemaɣi la, le esi teƒe be ŋutasẽnuwɔwɔ naxɔ anyigba dzi la, \"sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.\"—Xabakuk 2:14.\n[Nɔnɔmetata si le axa 12]\nŊutasẽnuwɔwɔ dze egɔme esi Kain wu nɔvia Abel","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020808\/Aleke-Mawu-Bua-%C5%8Autas%E1%BA%BDnuw%C9%94nawoe\/","date":"2020-01-21T08:46:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601628.36\/warc\/CC-MAIN-20200121074002-20200121103002-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998385787,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983857870101929}","num_words":824,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nWole Fiaɖuƒegbedasia \"Sem\" le Brazil\nBE WOATE ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia na Tokunɔwo la, Yehowa Ðasefo siwo le Brazil la lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Brazil Tokunɔgbe si sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe kura o la. Woƒe agbagbadzedzea le ku nyui geɖewo tsem, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.\nEva, * si nye nyɔnu tokunɔ aɖe le São Paulo, te tokunɔgbe sɔsrɔ̃ esime woa kple via etɔ̃ ʋu yi ɖanɔ aƒe ɖeka me kple ŋutsu aɖe si nye tokunɔ. Eva kple eƒe ahiãvia do go tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo nye Ðasefowo le fiase aɖe me, amesiwo kpe wo be woava kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me. Woxɔ amekpekpea, hesusu be hadomewɔna aɖee wònye.\nEsi Eva mese tokunɔgbe nyuie o ta la, mese nya siwo wogblɔ le kpekpea me la gɔme tututu o. Emegbe, Ðasefo geɖewo kpee be wòava yewoƒe aƒeme ava ɖu numeɖenu aɖewo kpli yewo. Wozã nɔnɔmetata siwo le Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! ƒe agbalẽ gbadzaa me tsɔ ɖe nu me nɛ tso etsɔme anyigba dzi paradiso si ƒe ŋugbe Mawu do la ŋuti. Nusi Eva srɔ̃ la vivi enu eye wòte kpekpeawo dede edziedzi.\nEma megbe kpuie la, Eva dzo le eƒe ahiãvia gbɔ be yeate ŋu anɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Togbɔ be eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, eyi edzi wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1995 me. Ɣleti ade megbe la, Eva ge ɖe mɔɖeɖedɔa, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Tso ɣemaɣi la, ekpe ɖe tokunɔ ene ŋu woɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ.\nWodzi Carlos tokunɔe. Eƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖizazã, agbegbegblẽnɔnɔ, kple fififi me tso ɖevime ke. Esi nuvlowɔha bubu me tɔwo do ŋɔdzi nɛ la, esi yi São Paulo ɖanɔ João gbɔ ɣeyiɣi aɖe. João hã nye tokunɔ abe Carlos ke ene, eye menɔa agbe ɖɔʋu o.\nƑe aɖewo megbe la, Carlos va se Fiaɖuƒegbedasia, si ʋãe wòɖɔ eƒe agbe ɖo heɖe nyɔnu si woa kplii woli la le se nu. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo me la, Carlos xɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Le ɣeyiɣi ma ke me la, João hã ke ɖe nyanyuia ŋu, eye eya hã wɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ me, si mele nyanya na Carlos o. Esi João srɔ̃e be nɔnɔmewɔwɔwo zazã medzea Yehowa ŋu o la, etsɔ \"ame kɔkɔewo\" ƒe nɔnɔmewɔwɔ siwo le esi la ƒu gbe. João hã xɔ nyɔnyrɔ le asiɖeɖe le eƒe tsãgbenɔnɔ ŋu megbe.\nAleke gbegbe dzi dzɔ Carlos kple João enye si esime wodo go le Fiaɖuƒe Akpata me hekpɔ tɔtrɔ si wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ la! Wo ame evea siaa nye ƒome ƒe ta ɖɔʋuwo fifia, eye wonye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedolawo.\nLe Brazil fifia la, tokunɔgbe hame 30 kple ƒuƒoƒo 154 ye li, eye gbeƒãɖela siwo le wo me wu 2,500, siwo dometɔ 1,500 lɔƒo nye tokunɔwo. Ame 3,000 kple edzivɔe de ƒe 2001 \"Mawu ƒe Nya Fialawo\" Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ na tokunɔwo le Brazil, eye ame 36 xɔ nyɔnyrɔ. Míele mɔ kpɔm be ne Yehowa lɔ̃ la, tokunɔ geɖe ava xɔ Fiaɖuƒegbedasia.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030201\/Wole-Fia%C9%96u%C6%92egbedasia-Sem-le-Brazil\/","date":"2020-01-20T04:13:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597230.18\/warc\/CC-MAIN-20200120023523-20200120051523-00108.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989365935,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989365935325623}","num_words":509,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE ÈDI be yeanya ga si ƒo la, nu kae nèwɔna? Ðewohĩ, èkpɔa gaƒoɖokui si le wò alɔnu alo esi le gli ŋu. Eye ne xɔ̃wò aɖe bia wò be ga nenie ƒo hã la, aleke nàyɔ gamea nɛ? Amewo yɔa ga si ƒo la le mɔ vovovowo nu. Aleke wowɔnɛ?\nTsɔe be eƒo ŋdɔ ga ɖeka to eŋu miniti 30. Ðewohĩ, àɖo eŋu be eƒo ga ɖeka miniti 30. Ðewohĩ, ame aɖewo agblɔ be eƒo ga 13 miniti 30 le afi si wotso kple ale si woyɔa game le wo gbɔ ta. Esi wobunɛ be gaƒoƒo 24 ye le ŋkeke ɖeka me tae woyɔa gamea alea ɖo. Le teƒe aɖewo gɔ̃ hã la, woate ŋu ayɔ game ma ke be \"afã na eve,\" si fia be esusɔ miniti 30 hafi ga eve naƒo.\nEsi wònye be èxlẽa Biblia ta la, ɖewohĩ ànya bu eŋu kpɔ be aleke ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la yɔa gamea hã. Womeyɔa gamea le mɔ ɖeka nu o. Le Biblia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me me la, woyɔ \"ŋdi,\" \"ŋdɔ,\" \"ɣeɖota,\" \"ŋdɔkutsu dzatsɛ,\" kple \"fiẽ\" tsɔ ɖɔ gamea. (1 Mose 8:11; 19:27; 43:16; 5 Mose 28:29; 1 Fia. 18:26) Gake ɣeaɖewoɣi la, ga si tututu ƒo lae woyɔna tsɔ ɖɔa gamea.\nLe Biblia ŋlɔɣiwo la, dzɔlawo nɔ anyi. Zã me koŋue woƒe dɔa hiãna vevie. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, Israel-viwo ma zã la ɖe ɣeyiɣi etɔ̃ siwo woyɔna be ŋudzɔɣiwo la me. (Ps. 63:6) Woyɔ ŋudzɔɣi siawo dometɔ ɖeka le Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19 be \"zãdomeŋudzɔɣi.\" Kaka Yesu ƒe ŋkekeawo naɖo la, Yudatɔwo va ma zã la ɖe ŋudzɔɣi ene me wòsɔ ɖe Helatɔwo kple Romatɔwo tɔ nu.\nNyanyuigbalẽawo ƒo nu tso ŋudzɔɣi siawo ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, \"zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me\" ye Yesu zɔ ƒu dzi ɖo ta tɔdziʋu si me eƒe nusrɔ̃lawo nɔ la gbɔ. (Mat. 14:25) Le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ me la, egblɔ be: \"Ne ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo [alo ŋudzɔɣi] si dzi fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ woadze kpɔ age ɖe eƒe me o.\"—Mat. 24:43, etenuŋɔŋlɔ.\nYesu ƒo nu tso ŋudzɔɣi eneawo katã ŋu esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zãtiƒe alo do ŋgɔ na fɔŋli alo ŋdi kanya o.\" (Marko 13:35; etenuŋɔŋlɔ) Ŋudzɔɣi gbãtɔ, si nye \"fiẽ,\" la dze egɔme tso ɣeɖoto va se ɖe fiẽ ga asieke lɔƒo. Ŋudzɔɣi evelia, si nye \"zãtiƒe\" la, dze egɔme tso fiẽ ga asieke lɔƒo va se ɖe zãtiƒe. Ŋudzɔɣi etɔ̃lia, si woyɔna be \"do ŋgɔ na fɔŋli,\" alo 'ɣeyiɣi si me koklo kua atɔ,' la dze egɔme tso zãtiƒe va se ɖe fɔŋli ga etɔ̃ lɔƒo. Anɔ eme be ŋudzɔɣi sia mee koklo ku atɔ le zã si me wolé Yesu. (Marko 14:72) Ŋudzɔɣi enelia, si nye \"ŋdi kanya\" la, dze egɔme tso fɔŋli ga etɔ̃ lɔƒo va se ɖe esime agu dze.\nEya ta, togbɔ be gaƒoɖokui siwo míezãna egbea tsɔ nyaa gamea menɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo o hã la, wotoa mɔ aɖe dzi nyaa gamea le ŋkeke me alo le zã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-september-2018\/%C9%96%C9%94a-gamea-biblia-me\/","date":"2020-01-20T19:03:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250599718.13\/warc\/CC-MAIN-20200120165335-20200120194335-00416.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980983138,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980983138084412}","num_words":508,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Aʋa Si Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ\"\n'Mele egblɔm na mi kakaɖedzitɔe be aʋa siae anye mamlɛtɔ —aʋa si atsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ.'—AMERIKATƆWO ƑE DUKPLƆLA, WOODROW WILSON (1913-21).\nNU NYUI mawo gbegbee dukplɔla xɔŋkɔ aɖe nɔ mɔ kpɔm na esime Xexemeʋa I wu enu, anɔ abe ƒe 90 kloe nye esia ene. Aʋa ma si wowɔ le xexea me katã la gblẽ nu ale gbegbe be dukɔ siwo ɖu aʋa dzi la di—eye ehiã na wo hã—be yewoaxɔe ase be agbagba gbogbo siwo yewodze la ahe viɖe siwo anɔ anyi ɖaa la vae. Gake ƒãa hafie aʋa siwo amegbetɔwo wɔna la ɖɔa kuxiwo ɖo, ʋuu keke woava yi aʋawɔwɔ ŋutɔ si nye kuxi si ƒo ke ɖe to ɖe ameƒomea me la nu tsi ge.\nAnɔ abe ƒe 20 kloe ene, le Dukplɔla Wilson ƒe kakaɖedzinya mawo gbɔgblɔ dzitsitsitɔe megbe la, xexemeʋa evelia tɔ zi. Ame siwo gbegbe wowu kple nu siwo gbegbe dome gblẽ le aʋa ma me la de ŋgɔ wu xexemeʋa gbãtɔa tɔ sãsãsã. Mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi le ƒe 20 mawo me wɔe be amegbetɔwo va bi ɖe ame gbogbowo tsɔtsrɔ̃ɖa zi ɖeka me ŋutɔ. Esime xexemeʋa evelia wu enu la, xexemedziɖulawo de dzesii be vɔvɔ̃ si li be xexemeʋa bubu agate ŋu adzɔ la nu gasẽ ɖe edzi wu.\nLe ƒe 1945 me la, Amerikatɔwo ƒe Aʋafiagã Douglas MacArthur ɖe gbeƒã be: \"Mɔnukpɔkpɔ mamlɛae nye ma su mía si hena aʋawɔwɔnutsitsi. Ne míete ŋu wɔ ɖoɖo si ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ naxɔ aƒe ɖi o la, Harmagedon ava lili mí.\"\nAʋafiagã MacArthur nya nu siwo gbegbe atɔmikbɔmb gblẽ le Japantɔwo ƒe dugã eve siwo nye Nagasaki kple Hiroshima ŋu le xexemeʋa evelia ƒe nuwuwu la nyuie. Tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ si va dugã eve mawo dzi la na wòse nya \"Harmagedon\" gɔme le mɔ bubu nu—be enye ale si woato nukliaʋawɔnuwo dzi atsrɔ̃ amewo katã ɖa le míaƒe anyigbaa dzi.\nVɔvɔ̃ be nukliaʋa ava tsrɔ̃ anyigbaa kpɔtɔ le ŋɔdzi dom na ameƒomea. Le ƒe 1960 ƒeawo me la, xexe me dziɖuŋusẽ gãwo to \"ame nɔewo tsɔtsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si dzi woɖo kpee\" vae. Ðoɖo sia ƒe taɖodzinue nye be aʋawɔnu agbɔsɔsɔme si asu hena futɔwo ƒe dukɔmeviwo ƒe akpa enelia kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ƒe afã tsɔtsrɔ̃ ɖa ko nanɔ dukɔawo dometɔ ɖe sia ɖe si—metsɔ le wo dometɔ si aho aʋa ɖe nɔvia ŋu gbã me o. Ame akpa gãtɔ meka ɖe ɖoɖo sia dzi be ana ŋutifafa nanɔ xexea me o.\nEgbea la, nukliaʋawɔnuwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba, eye dukɔwo dome ʋawo le ame gbogbo aɖewo ƒe agbe tsrɔ̃m. Ŋɔdzi gali kokoko be nukliaʋa ate ŋu ava tsrɔ̃ anyigba bliboa. Togbɔ be amewo di vevie be aʋawɔwɔ nu natsi hã la, ame akpa gãtɔ mexɔe se be aʋa aɖe, alo ɖoɖo tɔxɛ aɖe, ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu ma gbɔ o.\nKe hã, Biblia ƒo nu tso aʋa tɔxɛ aɖe si ava tsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ la ŋu. Eyɔ aʋa sia be \"Harmagedon\"—nya si gɔme amewo sena vodadatɔe be anye nukliaʋa aɖe si ava tsrɔ̃ anyigba bliboa. Alekee Harmagedon atsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nNASA\/The Visible Earth (http:\/\/visibleearth.nasa.gov\/)\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nDTRA Photo\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]\nNagasaki, Japan, 1945: USAF photo","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080401\/A%CA%8Ba-Si-Atsi-A%CA%8Baw%C9%94w%C9%94-Nu-Ke%C5%8Bke%C5%8B\/","date":"2020-02-29T10:42:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875148850.96\/warc\/CC-MAIN-20200229083813-20200229113813-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989825487,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989825487136841}","num_words":532,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nNu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?\nMenye Mawu gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso o. Biblia gblɔ be: \"Nede megbe xaa be, Mawu [vavã la] nawɔ nu vɔ̃ɖi.\" (Hiob 34:10) Ke ame ka koŋ gbɔe míaƒe fukpekpewo tso?\nYesu yɔ Satana be \"xexea dzi ɖula.\" (Yohanes 14:30) Nyateƒee wònye be Yehowae nye Xexea Katã Ƒe Dziɖula Gãtɔ. Matsɔ ɖoƒe ma ana ame aɖeke gbeɖe o. Gake Mawu ɖe mɔ be Satana naɖu ameƒomea ƒe akpa gãtɔ dzi hena ɣeyiɣi aɖe.—1 Yohanes 5:19.\nDziɖula ka ƒomevie Satana nye? Tso keke esime Satana ƒo nu na amegbetɔwo zi gbãtɔ kee wòzu aʋatsokala kple amewula. Satana ho aʋa ɖe amegbetɔƒomea ŋu vevie le mɔ geɖewo nu. Yesu tsɔ nya siawo bu fɔe be: \"Amewulae ame ma nye tso gɔmedzedzea me, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.\" (Yohanes 8:44) Yesu gblɔ hã be ame siwo nɔ didim be yewoawu ye la nye amewula gbãtɔ la ƒe viwo. Wowɔ wo ɖokui viawoe to nuwɔwɔ abe eyama ene me. Abe ale si ko wogblɔna be, akpa medzia vi wòɖia adeɣe o, ene.\nSatana gaƒãa amewuwu ƒe susuwo ɖe amegbetɔwo ƒe dzi me kokoko. Le kpɔɖeŋu me, R. J. Rummel, si nye Yunivɛsiti nufialagã xɔgbɔɖeme le Hawaii, U.S.A. la, bu akɔnta be tso ƒe 1900 va ɖo ƒe 1987 me la, dziɖuɖu vovovowo wu ame miliɔn 169 akpe 198 sɔŋ le dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔwo, ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, kple vovototodede amewo me ƒe ŋutasẽnuwɔnawo me. Tsɔ ame gbogbo mawo siwo wowu la kpe ɖe ame miliɔn blanane siwo hã wowu le aʋawɔwɔ me le ƒe mawo ke me la ŋu.\nNe menye Mawu gbɔe fukpekpewo tso o la, ke nu ka tae wòɖe mɔ ɖe wo ŋu ɖo? Elabena wofɔ nya vevi aɖewo ɖe te tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke, siwo lɔ nu gbagbe siwo katã si nunya le le xexea me godoo la ɖe eme, siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo ŋu, siwo gbɔ wòle be woakpɔ. Na míade ŋugble tso wo dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ.\nLe amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Adam kple Xawa ɖanɔ Satana ƒe akpa dzi. Wogbe Mawu ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ hetiae be yewoanɔ yewo ɖokui si, si ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, enye Abosam ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ.—1 Mose 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9.\nYehowa ƒe dzɔdzɔenyenye bia be wòaɖe mɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe bene woakpɔ kpeɖodzi geɖewo hena nyaawo gbɔ kpɔkpɔ. Nyateƒenya kae va dze ƒãa? Fukpekpe sɔŋ koe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le Satana te la he vae na ameƒomea. Le nyateƒe me la, ɖeko Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu aɖe vi na amegbetɔwo mlɔeba. Le mɔ ka nu? Mɔnukpɔkpɔ su ame siwo va de dzesi kpeɖodziawo heka ɖe wo dzi la si be woalɔ̃ faa be yewoanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te. Mɔkpɔkpɔ va su ame siwo srɔ̃ Mawu ƒe dzidzenuwo henɔa agbe ɖe wo nu la hã si be woava nɔ agbe tegbee.—Yohanes 17:3; 1 Yohanes 2:17.\nNyateƒee, le fifiɣeyiɣiawo me la, Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia tee xexea me le. Gake magadidi fũu o. Elabena eteƒe madidi o, Yehowa azã Via be \"wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.\" (1 Yohanes 3:8) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Yesu afa akɔ na ame siwo katã le fu kpem la, eye wòaɖɔ nu siwo gblẽ le amewo ŋu la ɖo. Agbɔ agbe ame biliɔn geɖe siwo kpe fu heku le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la hã.—Yohanes 11:25.\nYesu fɔfɔ tso ame kukuwo dome nye Satana ƒe dɔwɔwɔwo dzi ɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu ɖeka si ɖe nu si Mawu ƒe dziɖuɖu awɔ na ameƒomea la ƒe kakɛ aɖe ko fia. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Biblia he míaƒe susu yi nu si adzɔ ɣemaɣi la dzi kple nya siawo be: \"Mawu ŋutɔ anɔ anyi [kple ameƒomea]. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\"—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/Nu-Ka-Tae-Mawu-%C3%90e-M%C9%94-Fukpekpe-Li-%C3%90o\/","date":"2020-02-22T08:44:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145654.0\/warc\/CC-MAIN-20200222054424-20200222084424-00322.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984962344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984962344169617}","num_words":663,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"7\nAME SI YOME TIM FUTƆWO LE LA ƑE GBEDODOƉA ƑE SAFUI\nEle na ame sia be wòabla nu ŋkeke wuiene le kukuɖeɖe ƒe gbedodoɖa vevie me. Azɔ menye mɔɖeɖe na ame sia be eya ŋutɔ nadi yometila siawo ƒe ɖeɖeɖa le mɔa ɖeke dzi le xexe sia me ƒe ŋusẽa ɖeke gbɔ o. Ke eya nena Yehowa ɖeka ko nanye eŋkɔ-sela le eƒe xaxa sia me.. Ele na ame sia be wòawɔ nunyi na ame sia me, eye keke eƒe futɔ kple eyometilawo ke hã nanye gomekpɔka le egbɔ le nu sia nu me; bena Yehowa nanye eƒe aʋawɔla kple ʋɔnudrɔla le eya kple eƒe futɔwo dome.\nGBEDODOƉA LA ŊUTƆ\nOo, Fofo, wò Mawu, si me amegbetɔ ɖe wò nɔnɔme nu, wò si ƒe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve gã nu amegbetɔwole zɔzɔm ɖo.Oo mesi wò tso, xɔ nam. Elabena meɖo futɔwo kple ŋutasẽlawoƒe agbi. Wole yonye me, ɖe nye tsɔtsrɔ̃ ŋu abe dzata, si ɖe eƒe nuléléa ɖe nu ene. Nye nku dzo le xexeame ƒe vivisesewo dzi, eye mezu aɖatsi sɔŋ sɔŋ ƒe tsilela, eye vɔvɔ̃ zu yiyi de ga nye afɔwo. O mezu lã lé ku, le vevesese ƒe aƒã dom; ale si vixela mele alẽnɔe si o la, nenemae sitsoƒea ɖeke meli nam le nye dusisi loo alo le nye bebe me wu wò nye Mawu gbagbe la o.\nWò xexeame ƒe agbe, tsi tre, ne dadalawo ƒe nublanui makpɔmakpɔ nabu. Ke menya wò, amegbetɔwo katã ƒe dzila, asiwo mee ɖeɖe le. Ne elɔ̃ la, ayɔ̀ dzimetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ado ɖe woƒe dzime bena woagbugbɔ xɔlɔ̃ kple dadavi ƒe ŋgɔ adzem. Nenema ke ne egalɔ̃ hã aɣlam tso wo sime; elabena naneke mewu wò le wo nu ɖeɖe me o. Ɖo lɔlɔ̃ kple vitaʋlinu ɖem abɔ tsɔtsɔe bena woƒe ɖoɖowo naklo. Na woƒe tameɖoɖo gbogboawo ɖe ŋunye naka hlẽ eye woƒe adaŋudedewo nezu yali, si aʋu adzo le wogbɔ, Woƒe sɔɖoƒewo ɖe nye gbegblẽ ŋu nezu woawo ɖeɖe ƒe avuwɔƒe. Ŋukpe gbogbo nezu agbo ado ɖe wonu tegbee. O Yehowa, si nye nye aga, meda akpe nawò be neɖe nye zi ɖa tso vɔ̃ɖoɖo ɖe wo ŋuti me, bena wò aɖe kple alɔ nanɔ nu nye ɖem. Megazi kpi kpɔm be woatugum maka to hafi naxɔ nam o. Ke ɖo ŋu, nye luʋɔ kple ŋutilã; ale si nena wom la, woanɔ nenema tegbee. Dzɔ nye nu siawo ŋuti nam, bena nye kple xexeame míanɔ tomefafa ƒe ɖetifuti te. Elabena mesi wò tso, ɖi nam bena amewo nanyae be woe nye Mawu le Israel kple wò dukɔwo dome gli. Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-16","url":"http:\/\/www.arshymnbookonline.co.uk\/gbedodo598a-7.html","date":"2020-04-02T03:24:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-16\/segments\/1585370506580.20\/warc\/CC-MAIN-20200402014600-20200402044600-00479.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998359561,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983595609664917}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Manoa Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Manoa ŋu. Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Gideon Eɖɔ ŋu ɖo vevie gbã, gake eva zu kalẽtɔ. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502016101\/univ\/art\/502016101_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/manoa\/","date":"2020-05-28T22:38:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347400101.39\/warc\/CC-MAIN-20200528201823-20200528231823-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980147481,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980147480964661}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.121,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi, le esia ŋlɔm na to wuieve siwo ka hlẽ la: Medo gbe na mi! 2 Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3 esi mienyae be miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ ta. 4 Gake mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miasu te le goawo katã me, eye naneke naganɔ mia hiãm o. 5 Eya ta ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o; eye wòanae. 6 Gake neyi edzi wòanɔ ebiam le xɔse me, eye negake ɖi kura o, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7 Ɛ̃, ame ma negasusui kura be yeaxɔ nane tso Yehowa gbɔ o; 8 dzimevesusula ye wònye, melia ke le eƒe mɔwo katã dzi o. 9 Gake nɔvi si nye ame tsɛ la natso aseye le eƒe dodoɖedzi la ŋu, 10 eye kesinɔtɔ hã ɖe eƒe bɔbɔɖeanyi la ŋu, elabena eyama nu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. 11 Elabena ɣe dzena kple eƒe dzoxɔxɔ gã henaa gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, eye eƒe gotagome ƒe nyonyo nu yina. Nenema kee kesinɔtɔ hã ayrɔ le eƒe agbenɔnɔ me. 12 Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku la, si ŋugbe Yehowa do na ame siwo yia edzi lɔ̃nɛ. 13 Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: \"Mawue le teyem kpɔ\" o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o. 14 Gake nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. 15 Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne nu vɔ̃ hã va tsi la, edzia ku. 16 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woakplɔ mi atrae o. 17 Nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe tso dziƒo, elabena etso kekeli siwo le dziƒo* ƒe Fofo la gbɔ, eye eyama metrɔna abe vɔvɔli ene o. 18 Le eƒe lɔlɔ̃nu ta la, etsɔ nyateƒenya la dzi mí, ale be míanye eƒe nuwɔwɔ siwo wòtia gbã la dometɔ aɖewo. 19 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia. Ele be ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me; 20 elabena ame ƒe dɔmedzoe menana wòwɔa nu dzɔdzɔe abe ale si Mawu di ene o. 21 Eya ta miɖe ɖiƒoƒo katã kple nɔnɔme maɖevi ma, si nye vɔ̃ɖinyenye, la ɖa, eye mitsɔ tufafa lɔ̃ be woaƒã nya la, si ate ŋu axɔ miaƒe luʋɔwo ɖe agbe la, ɖe mia me. 22 Ke hã, mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o, bene miagatsɔ tamebubu totro anɔ mia ɖokuiwo blem o. 23 Elabena ne ame aɖe nye nyasela, gake menye nyadziwɔla o la, ame sia le abe ame aɖe si le eƒe dzɔdzɔmemo kpɔm le ahuhɔ̃e me la ene. 24 Elabena ekpɔa eɖokui, eye wòdzona yina, eye enumake eŋlɔa ame si ƒomevi wònye la be. 25 Gake ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me, le esi wòzu nyadziwɔla, ke menye nyasela si ŋlɔa nu be o la ta. 26 Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔla adodoea, evɔ medea ga eƒe aɖe o, gake wòyia edzi blea ye ŋutɔ ƒe dzi la, ame sia ƒe subɔsubɔ nye dzodzro. 27 Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye be ame nadzra eɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Esia ku ɖe ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/yakobo\/1\/","date":"2020-06-01T06:50:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347414057.54\/warc\/CC-MAIN-20200601040052-20200601070052-00575.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972627759,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972627758979797}","num_words":621,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu tia apostolo 12-awo vɔ la, eɖi le toa dzi va teƒe aɖe si ame gbogbo aɖewo le. Ameawo tso Galilea, Yudea, Tiro, Sidon, Siria kple Yordan ƒe go kemɛ dzi. Wokplɔ ame siwo nɔ dɔ vovovowo lém kple ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la vɛ. Yesu da dɔ na wo katã. Emegbe enɔ anyi ɖe toa dzi eye wòfia nu wo. Eƒo nu tso nu si wòle be míawɔ ne míedi be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la ŋu. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míehiã Yehowa le míaƒe agbe me eye ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃e. Gake mímate ŋu alɔ̃ Mawu nenye be míelɔ̃ ame bubuwo o. Ele be míanyo dɔme na ame sia ame eye míalɔ̃ wo, míaƒe futɔwo hã le eme.\nYesu gblɔ be: 'Menye mia xɔlɔ̃wo koe mialɔ̃ o. Ele be mialɔ̃ miaƒe futɔwo eye miatsɔ ake amewo tso dzi me ke. Ne ame aɖe do dziku ɖe ŋuwò la, yi egbɔ enumake eye nàɖe kuku nɛ. Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miadi be woawɔ nu ɖe mia ŋu ene.'\nYesu ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na ameawo tso ŋutilãmenuwo hã ŋu. Egblɔ be: 'Enyo be woanye Yehowa xɔlɔ̃ wu be ga geɖe nanɔ ame si. Fiafiwo ate ŋu afi wò ga, gake ame aɖeke mate ŋu afi xɔlɔ̃wɔwɔ si le wò kple Yehowa dome la o. Migatsi dzi ɖe nu si miaɖu, nu si miano, alo nu si miado la ŋu o. Milé ŋku ɖe xeviwo ŋu kpɔ. Mawu naa nu si woaɖu wòasu wo la wo ɣesiaɣi. Dzimaɖitsitsi mana mianɔ agbe ŋkeke ɖeka gɔ̃ hã akpee o. Miɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu siwo hiã mi.'\nAmeawo mese ame aɖeke wòƒo nu abe ale si Yesu ƒo nui ene kpɔ o. Woƒe hakplɔlawo mefiaa nu wo alea o. Nu ka tae Yesu bi le nufiafia me nenema gbegbe? Elabe Yehowa gbɔe nu siwo katã wòfia la tso.\n\"Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo.\"—Mateo 11:29","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/todzimawunya-la\/","date":"2020-05-30T16:07:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347409337.38\/warc\/CC-MAIN-20200530133926-20200530163926-00565.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979208112,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979208111763}","num_words":350,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yakob Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yakob, ame si nye Isak kple Rebeka ƒe viŋutsu ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yakob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yakob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013272\/univ\/art\/502013272_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yakob\/","date":"2020-06-06T04:37:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348509972.80\/warc\/CC-MAIN-20200606031557-20200606061557-00201.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984899163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984899163246155}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 27 va se ɖe November 30, 2014 la le tata sia me.\nAleke nàte ŋu aminyae le mɔ nyuitɔ nu?\nNyati sia dzro susu siwo tae ame geɖe gblɔna be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le la dometɔ aɖewo me. Míadzro susu siwo tae Ðasefowo ŋutɔwo hã xɔe se be yewo sie nyateƒea le la me.\nXaxawo vaa ame sia ame dzi le esi míele Satana ƒe xexea me ta. Mɔ kawo dzie Satana tona dzea mía dzi? Aleke míawɔ anɔ dzadzraɖoɖi ɖe wo ŋu?\nAgba le dzilawo dzi be woahe wo viwo \"le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.\" (Efesotɔwo 6:4) Nyati sia dzro mɔ etɔ̃ siwo dzi dzilawo ate ŋu ato ahe wo viwo ahakpe ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa la me.\nÐe nya si Biblia gblɔ le Psalmo 37:25 kple Mateo 6:33 la fia be Yehowa maɖe mɔ gbeɖe be dɔ nawu Kristotɔ oa?\nKu kpakple nu siwo katã henɛ vanɛ la nana amewo kpea fu ŋutɔ. Nu ka tae amewo kuna? Aleke 'woava ɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa'? (1 Korintotɔwo 15:26) Kpɔ ale si ŋuɖoɖoawo te gbe ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nunya, kple vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ dzi.\nYehowa subɔla geɖewo kua kutri le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Aleke míate ŋu aɖo ŋku woƒe \"xɔse ƒe dɔwɔwɔ\" kple 'agbagba siwo wodzena le lɔlɔ̃ ta' la dzi?—1 Tesalonikatɔwo 1:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140915\/","date":"2020-05-27T16:54:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347394756.31\/warc\/CC-MAIN-20200527141855-20200527171855-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984253645,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984253644943237}","num_words":229,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nPuerto Rico\nJehovah's Witnesses\n900 Red Mills Road\nWALLKILL NY 12589-3223\nUNITED STATES\n+1 845-744-6000\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ 5 (Eastern Ƒe Game)","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/puerto-rico\/","date":"2020-05-26T03:40:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390442.29\/warc\/CC-MAIN-20200526015239-20200526045239-00071.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996886253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996886253356934}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.291,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 4, 2015\nMEXICO\nMEXICO CITY—Baja California nuto si le Mexico ƒe dumegãwo na ɖaseɖigbalẽ Yehowa Ðasefowo tsɔ da akpe na wo ɖe Biblia-fiafiadɔ siwo wɔm wole le nutoa me gaxɔwo me la ta. Nutoa me hahodedienɔnɔ ƒe amegã Daniel De La Rosa Anaya kple gaxɔdzikpɔƒewo ƒe amegã Jesús Héctor Grijalva Tapia woe de asi agbalẽ la te.\nÐaseɖigbalẽa me nyawo yi ale: \"Nutoa me dziɖuɖua to hahodedienɔnɔ ƒe amegã dzi le akpe dam na Yehowa Ðasefowo ɖe dɔ vevi si wɔm wole tsɔ le alɔ dom mí, woƒe kutrikuku, woƒe dɔa kple ale si woɖoe kplikpaa be yewoana kpekpeɖeŋu Baja California nutoa me tɔwo ta; wona be gamenɔlawo va le ame ɖɔʋuwo zum eye ne wodo le gaxɔa me la, enɔa bɔbɔe na wo be woawɔ ɖeka kple nutoa me tɔwo.\"\nYehowa Ðasefowo dze gaxɔmenɔlawo gbɔ yiyi le gaxɔ siwo le Baja California nutoa me dometɔ geɖe me kple gaxɔ ɖeka aɖe si le Mexicali me edziedzi tso ƒe 1991 me esime gaxɔmenɔla aɖe bia tso wo si be woava kpɔ ye ɖa. Le gbebiame aɖe si yi edzi le Ðasefoawo kple Asitɔtrɔ Le Gamenɔlawo Ŋu ƒe dɔwɔƒe si le Mexicali ƒe amegã Jesús Manuel López Moreno dome la, egblɔ be: \"Ale si mievaa afi sia vanaa kpekpeɖeŋu [gamenɔlawo] la, kpena ɖe mía ŋu míenaa ŋusẽ ɖoa wo ŋu wotea ŋu gblɔna be: 'Amegbetɔwoe míenye. Nɔnɔme nyuiwo va su mía si, eye ne míaƒe game de la, míagawɔ ɖeka kple nutoa me tɔwo eye ele be míaƒe nuwɔnawo naɖe vi na wo.' . . . Meda akpe gã aɖe na mi ɖe miaƒe kpekpeɖeŋua ta.\"\nAƒetɔ Gamaliel Camarillo, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mexico gblɔ be: \"Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ vevitɔe nye be yewoakpe ɖe amewo ŋu, gaxɔmenɔlawo hã le eme, ne woase Biblia ƒe nufiafiawo gɔme. Hame aɖe si le Mexicali gblɔ be ame enyi ya teti xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo esime wole ga me le Mexicali gaxɔ me. Míexɔe se be ele be woana mɔnukpɔkpɔ amewo katã ƒomevi be Biblia-fiafiadɔa naɖe vi na wo.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nMexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/mexico\/biblia-fiafiad%C9%94-le-gax%C9%94wo-me\/","date":"2020-05-29T20:48:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347406365.40\/warc\/CC-MAIN-20200529183529-20200529213529-00543.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995052814,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995052814483643}","num_words":352,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa do ŋugbe be: 'Avifafa, vevesese, dɔléle alo ku maganɔ anyi o. Matutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me. Woaŋlɔ nu vɔ̃ɖi siwo katã nɔ anyi tsã la be.'\nYehowa da Adam kple Xawa ɖe Eden-bɔa me be woanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Wogblɔ na wo be woasubɔ wo Fofo si le dziƒo eye woadzi viwo ayɔ anyigba la dzi. Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Yehowa, ke hã, Yehowa ƒe tameɖoɖowo metrɔ o. Míeva kpɔe le agbalẽ sia me be Mawu ƒe ŋugbedodowo katã vaa eme. Eƒe Fiaɖuƒea ahe yayra wɔnukuwo ava anyigba dzi, abe ale si ko wòdo ŋugbe na Abraham ene.\nEteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame vɔ̃ɖiwo katã. Ame siwo katã tsi agbe la asubɔ Yehowa. Mímadze dɔ alo aku o. Ke boŋ gbe sia gbe la, míafɔ le lãmesẽ me eye míakpɔ dzidzɔ be míele agbe. Anyigbaa azu paradiso. Nuɖuɖu nyuiwo kple aƒe siwo le dedie la asu ame sia ame si. Amewo anyo dɔme, womasẽ ŋuta alo awɔ nu vɔ̃ɖi o. Lã wɔadawo mavɔ̃ na mí o, eye míawo hã míavɔ̃ na wo o.\nDzi adzɔ mí ŋutɔ ne Yehowa dze amewo fɔfɔ ɖe tsitre gɔme. Míado wòe zɔ na blematɔ aɖewo abe Abel, Noa, Abraham, Sara, Mose, Rut, Esta kple David ene. Woakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ atrɔ Anyigbaa wòazu paradiso. Dɔ vovovo siwo avivi mía nu la anɔ anyi míawɔ.\nYehowa di be nànɔ afi ma. Àva nya Yehowa geɖe wu le mɔ siwo mèsusu o la nu. Mina míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli gbe sia gbe, tso fifia yi mavɔ me!\n\"Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.\"—Nyaɖeɖefia 4:11","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/fia%C9%96u%C6%92e-nava-paradiso\/","date":"2020-05-29T02:08:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347401004.26\/warc\/CC-MAIN-20200528232803-20200529022803-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9950889349,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9950889348983765}","num_words":285,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Xizkiya Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Xizkiya ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Xizkiya BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Xizkiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Xizkiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012425\/univ\/art\/502012425_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/xizkiya\/","date":"2020-07-16T15:15:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657169226.65\/warc\/CC-MAIN-20200716122414-20200716152414-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985596538,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985596537590027}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ðe nèsusui kpɔ be nya siawo ate ŋu ava emea?\nMawunyakpukpui: Nyɖ 21:3, 4\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Mawu ana ŋugbedodo sia nava eme kple ale si wòaɖe vi na wòe la ŋu.\nGBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)\nNyabiase: Meɖe kuku kpɔ nyabiase sia ɖa. [He susu yi nyabiase gbãtɔ kple ŋuɖoɖo vovovo siwo dze le axa 16 lia la dzi.] Nu kae nèsusu?\nMawunyakpukpui: Ps 83:18\nNya Si Nàgblɔ: Nyati sia ƒo nu tso nu geɖe siwo Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la ŋu.\nBIBLIA ƑE NUFIAFIA\nNyabiase: Ame geɖe susuna be Mawue le xexea dzi ɖum. Gake ènya be menye nenemae Biblia gblɔ oa?\nMawunyakpukpui: 1Yh 5:19\nNya Si Nàgblɔ: Agbalẽ sia gblɔ nu si tututu Biblia fia tso nya sia kple nya bubu geɖe ŋu wo me kɔ nyuie.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2020-07-12T22:47:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657140337.79\/warc\/CC-MAIN-20200712211314-20200713001314-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980641603,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980641603469849}","num_words":152,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ƒe geɖe siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo, wota wo hema wo na amewo. Gake míeva kpɔe be ehiã be míata Biblia gɔmeɖeɖe si akpe ɖe amewo katã ŋu be woasrɔ̃ \"nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la,\" abe ale si Mawu dii ene. (1 Timoteo 2:3, 4) Eya ta tso ƒe 1950 me la, míedze Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si xexlẽ le bɔbɔe la tata gɔme. Míeɖe Biblia sia gɔme nuteƒewɔwɔtɔe wòsɔ pɛpɛpɛ hetae ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me fifia.\nBiblia aɖe si gɔmesese le bɔbɔe hiã. Gbegbɔgblɔwo trɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim, eye nya siwo wozã le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me la me mekɔ o alo womegazãa nya mawo le nuƒoƒo me egbea o, si wɔe be wo gɔmesese sesẽna. Azɔ hã, wova ke ɖe ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ xoxotɔ aɖewo ŋu, siwo de pɛpɛpɛ eye wo ŋlɔɣi gogo gbãtɔawo, eye esia kpe ɖe amewo ŋu wova se Hebrigbe, Aramgbe, kple Helagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã la gɔme ɖe edzi wu.\nBiblia gɔmeɖeɖe aɖe si metɔ tsi Mawu ƒe nya la o hiã. Ele vevie be Biblia gɔmeɖelawo naɖe nyawo gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo nu, ke menye be woatrɔ Mawu ƒe nya si tso gbɔgbɔ me la ale si wodii o. Gake nu si dzɔe nye be, le gɔmeɖeɖe geɖe me la, woɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖa le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me.\nBiblia aɖe si akɔ Eŋlɔla ƒe ŋkɔ ŋu la hiã. (2 Samuel 23:2) Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, míenɔ te ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo, abe esi ƒe foto dze le ete le afi sia ene, dzi gbugbɔ Yehowa ƒe ŋkɔ de teƒe siwo wu 7,000 siwo wòdze le la katã. (Psalmo 83:19) Numekuku siwo míewɔ ƒe geɖe kutrikukutɔe la na míete ŋu ta Biblia sia si xexlẽ doa dzidzɔ na ame le esi wòɖe Mawu ƒe susuwo ɖe go pɛpɛpɛ ta. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la ɖale mia degbe me loo alo meli o, míele dzi dem ƒo na wò be nàna Yehowa ƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe nazu numame na wò.—Yosua 1:8; Psalmo 1:2, 3.\nNu ka tae míekpɔe be Biblia gɔmeɖeɖe yeye aɖe hiã?\nNu kae wòle be ame sia ame si di be yeasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nanɔ wɔwɔm gbe sia gbe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/yeye-xexe-g%C9%94me%C9%96e%C9%96e\/","date":"2020-07-05T04:23:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655886865.30\/warc\/CC-MAIN-20200705023910-20200705053910-00526.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992033839,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992033839225769}","num_words":372,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Ðasefowo kpena ɖe ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me la ŋua?\nƐ̃, míetoa mɔ geɖe dzi:\nAgbalẽwo. Wotaa nyati aɖewo ɖe míaƒe agbalẽwo me edziedzi tsɔ doa ŋusẽ srɔ̃ɖeɖewo; srɔ̃ɖeɖe siwo me gblẽ kura eye wodze abe womagate ŋu awɔ naneke le wo ŋu o gɔ̃ hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati siwo nye, \"Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me,\" \"Ale Si Nàwɔ Atsɔ Ake\" kple \"Kaka Ðe Ame Nɔewo Dzi Ake Le Srɔ̃ɖeɖe Me.\"\nKpekpewo. Míedzroa Biblia me ɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi na srɔ̃tɔwo me le míaƒe hame ƒe kpekpewo kple takpekpewo me.\nHamemetsitsiwo. Hamemetsitiwo naa kpekpeɖeŋu srɔ̃tɔwo eye wohea woƒe susu yia ŋɔŋlɔwo abe Efesotɔwo 5:22-25 ene dzi.\nÐe wòle be hametsitsiwo nada asi ɖe Ðasefo aɖe ƒe srɔ̃gbegbe dzia?\nKpao. Nenye be wobia tso hamemetsitsiwo si be wòakpe ɖe srɔ̃tɔ aɖewo ŋu ne woakpɔ nya sesẽ aɖewo gbɔ gɔ̃ hã la, womeɖe mɔ na wo be woagblɔ nu si srɔ̃tɔawo awɔ la na wo o. (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã, ne ame aɖe tiae be yeagbe yesrɔ̃ evɔ mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la, madze na agbanɔmedzi aɖeke le hamea me o, eye mevo le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe srɔ̃ bubu hã o.—1 Timoteo 3:1, 5, 12.\nAleke Ðasefowo bua kaklãe?\nBiblia de dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woanɔ wo nɔewo gbɔ nenye be nɔnɔmeawo sesẽ gɔ̃ hã. (1 Korintotɔwo 7:10-16) Woate ŋu akpɔ kuxi geɖe gbɔ ne wodoa gbe ɖa moveviɖoɖotɔe, wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi, eye wolɔ̃a wo nɔewo.—1 Korintotɔwo 13:4-8; Galatiatɔwo 5:22.\nGake le nɔnɔme sesẽ aɖewo, abe esiwo gbɔna ene me la, Kristotɔ aɖewo tso nya me be yewoaklã tso yewo srɔ̃wo gbɔ:\nEɖoɖo agbe ƒome dzi kpɔkpɔ.—1 Timoteo 5:8.\nŊutasesẽ le ame ŋu si gbɔ eme.—Psalmo 11:5.\nNe amea ƒe mawusubɔsubɔ ɖo afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu adze agbagba be yeazi srɔ̃a si nye Ðasefo la dzi be wòada le Mawu ƒe sewo dzi, eye srɔ̃tɔ Ðasefoa ate ŋu atiae be yeaklã tso yesrɔ̃ gbɔ kple susu be yeate ŋu 'aɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.'—Dɔwɔwɔwo 5:29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/yehowa-%C9%96asefowo-bua-sr%C9%94%CC%83gbegbe\/","date":"2020-07-03T22:39:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655883439.15\/warc\/CC-MAIN-20200703215640-20200704005640-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992036223,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999203622341156}","num_words":335,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"'Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.' Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.\"—Yesu Kristo, ƒe 33 M.Ŋ. *\nEsesẽna na ame aɖewo be woalɔ̃ Mawu, elabena wobuna be womate ŋu ase ame si ƒomevi wònye la gɔme o. Wosusu be melɔ̃ yewo o, alo kura gɔ̃ hã be eƒe tame sẽ. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:\n\"Medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, mese le ɖokuinye me be ele adzɔge ʋĩi tso gbɔnye, eye nyemate ŋu ate ɖe eŋu o. Nye ya nyemebui be Mawu nye ame si tsɔ ɖe le eme na ame o.\"\n—Marco, Italy.\n\"Togbɔ be medi vevie be masubɔ Mawu hã la, ewɔ nam be ele adzɔge ʋĩi akpa. Mebui be enye Mawu si ƒe nya me sẽ eye ɖeko wòdina be yeahe to na mí. Nyemexɔe se be esea veve ɖe ame nu o.\"\n—Rosa, Guatemala.\n\"Esi menye ɖevi la, mexɔe se be vodadawo koe Mawu dina le mía ŋu kple susu be yeahe to na mí ne míewɔ nu vɔ̃. Emegbe meva susui be metsɔ ɖeke le eme na mí o. Mesusui be Mawu le abe dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ si kpɔa dukɔ si nu wòle la ƒe nyawo gbɔ gake metsɔ ɖeke kura le eme na dukɔmeviwo o ene.\"\n—Raymonde, Canada.\nNu kae nye wò susu? Ðe manya wɔ be míalɔ̃ Mawu oa? Kristotɔ aɖewo bia nya ma ƒe alafa geɖe. Le nyateƒe me la, le Titinaɣeyiɣiwo (ƒe 500-1500 Mía Ŋɔli) me la, Kristodukɔa me tɔ akpa gãtɔ medoa gbe ɖa na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gɔ̃ hã o. Nu ka tae? Nu si tae ye nye be wovɔ̃na nɛ. Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ɖe eme ale: \"Aleke nu vɔ̃ wɔla tsɛ ado dzi ado gbe ɖa na fia si wovɔ̃na na si melɔ̃a ame kura o la?\"\nAleke wòdzɔe be amewo va 'vɔ̃na na' Mawu alea eye wobunɛ be \"melɔ̃a ame kura o\"? Nu ka tututue Biblia fia tso Mawu ŋu? Ðe nyateƒea nyanya tso Mawu ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlɔ̃ea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131101\/wosusu-be-mawu-le-adz%C9%94ge-%CA%8B%C4%A9i\/","date":"2020-08-11T11:22:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00316.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981049895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998104989528656}","num_words":346,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Esi Tiro-fia+ Hiram se be wosi ami na Salomo wòzu fia ɖe fofoa teƒe la, edɔ eƒe dɔlawo ɖe Salomo gbɔ, elabena Hiram nye David xɔlɔ̃ le eƒe agbenɔɣi katã.*+ 2 Eya ta Salomo hã dɔ ame ɖo ɖe Hiram+ be: 3 \"Ènyae nyuie be fofonye David mete ŋu tu xɔ na Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o, le esi woho aʋa geɖe ɖe eŋu le goawo katã me ta, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.+ 4 Ke azɔ la, Yehowa nye Mawu na gbɔɖemem godoo va kpe.+ Tsitretsiɖeŋula aɖeke meli o, eye vɔ̃ aɖeke hã meli o.+ 5 Eya ta meɖoe be matu xɔ na Yehowa nye Mawu ƒe ŋkɔ, abe ale si Yehowa do ŋugbe na fofonye David ene be, 'Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi ɖe tewòƒe lae atu xɔ na nye ŋkɔ.'+ 6 Eya ta de se na wò amewo ne woatso sedertiwo nam le Lebanon.+ Nye subɔviwo awɔ dɔ kple wò subɔviwo, eye maxe home si nàdi be woaxe na wò subɔviwo la na wò, elabena wò ŋutɔ ènyae nyuie be mía dometɔ aɖeke menya atitsotso abe Sidontɔwo ene o.\"+ 7 Esi Hiram se Salomo ƒe nyawo la, dzi dzɔe ŋutɔ, eye wògblɔ be: \"Woakafu Yehowa egbea, elabena ena vi nyanu David ɖe eƒe dukɔ gã sia nu!\"*+ 8 Eya ta Hiram dɔ ame ɖo ɖe Salomo, gblɔ be: \"Mese gbe si nèɖo ɖem la. Mana woatso sedertiwo kple sesewutiwo abe ale si nèdi ene.+ 9 Nye subɔviwo atsɔ wo tso Lebanon ava ƒu la nu, eye mabla wo tatata ato ƒu dzi ayi teƒe si nàɖo nam. Eye mana woatu ka wo le afi ma, ne nàva fɔ wo adzoe. Eye wò la, nu si medi be nàwɔ nam koe nye be, nàna nuɖuɖu nye aƒemetɔwo.\"+ 10 Ale Hiram na sedertiwo kple sesewutiwo ale si nu Salomo di lae. 11 Salomo hã tsɔ lu kɔr* akpe blaeve na Hiram be wòanye nuɖuɖu na eƒe aƒemetɔwo hekpe ɖe amititsetse ƒe ami nyuitɔ* kɔr blaeve ŋu. Esiae Salomo naa Hiram ƒe sia ƒe.+ 12 Yehowa na nunya Salomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene.+ Eye ŋutifafa nɔ Hiram kple Salomo dome, eye wobla nu kple wo nɔewo. 13 Fia Salomo ɖo amewo dɔ sesẽ wɔlawoe le Israel katã; ame akpe blaetɔ̃ ye woɖo dɔ sesẽ wɔlawoe.+ 14 Eɖoa wo akpe ewoewo ɖe Lebanon ɣleti sia ɣleti. Wonɔa Lebanon ɣleti ɖeka, eye wonɔa aƒe ɣleti eve; eye Adoniram+ le dɔ sesẽ wɔlawo nu. 15 Agbatedɔwɔla* akpe blaadre kple kpekpala+ akpe blaenyi le Salomo si le towo dzi,+ 16 hekpe ɖe Salomo ƒe amegã dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃+ siwo nɔ dɔa nu la ŋu. 17 Eye fia la de se be woaɖe kpe gã siwo nye kpe xɔasiwo,+ ne woatsɔ kpe fufuwo+ aɖo xɔ la gɔme anyi.+ 18 Ale Salomo ƒe xɔtulawo kple Hiram ƒe xɔtulawo kpakple Gebaltɔwo+ trɔ asi le kpewo kple atiwo ŋu hena xɔ la tutu.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"lɔ̃ David le eƒe agbenɔɣi katã.\"\n^ Alo, \"eƒe dukɔ si me tɔwo sɔ gbɔ la nu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"amititsetse si woto ƒe ami.\"\n^ Alo, \"Agbatsɔla.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-fiawo\/5\/","date":"2020-09-19T15:46:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400192778.51\/warc\/CC-MAIN-20200919142021-20200919172021-00235.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988407493,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988407492637634}","num_words":501,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòdzɔa dzi na amewo?\nÐekakpui si woyɔna be Ryan gblɔ be: \"Ewɔna nam be nutata nyakpɔ aɖe ŋutɔe nu siwo wotana ɖe ŋuti la dometɔ aɖewo nyena.\"\nSusu si tae nèdi be yeata nu ɖe ŋuti ɖo la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me tso nutata ɖe ŋuti ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui si ŋkɔe nye Jillian gblɔ be: \"Esime míaƒe sukuvi nyɔnuvi aɖe le ɖevime la, nɔa ku. Eya ta esi wòzu ɖetugbui la, ena wota nɔa ŋkɔ ɖe eƒe ʋuɖome. Ewɔ nam be nutata ɖe ŋuti ma tɔgbi ya nyo ŋutɔ.\"\nEɖanye susu ka tae nàdi be yeata nu ɖe ŋuti ɖo o, ele be nàbu eŋuti nyuie hafi ata nu ɖe ŋuti, elabena wometea ŋu ɖenɛ bɔbɔe o! Nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò ne èle nutata ɖe ŋuti ŋu bum? Eye Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me le mɔ nyuitɔ nu?\nNya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò?\nLãmesẽkuxi kawoe ate ŋu atso eme? Mayo Clinic gblɔ le eƒe nyatakakadzraɖoƒea be, \"Nutata ɖe ŋuti dea abi ŋutilã ŋu, esia ate ŋu ana ŋutigbalẽmedɔ kple lãmesẽkuxi bubuwo. Nutsetse nogonogoe aɖewo ƒona ɖe afi si wota nua ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, ne abia ku le afi si wota nua ɖo la, abikpaa teƒe fɔa kpo.\" Nyatakakadzraɖoƒea gagblɔ be: \"Ne dɔlékui siwo woxɔna tso ame bubu ƒe ʋu me dometɔ aɖe le nu si wotsɔ ta nu le ŋutiwò ŋu la, àte ŋu axɔ dɔléle ƒomevi vovovowo.\"\nAleke wòana amewo nabu wòe? Aleke ke wòɖale o, amewo anɔ te ɖe wò dzedzeme dzi aƒo nya ta le ŋuwò. Woate ŋu abu wò be ètsi le susu me loo alo ègakpɔtɔ nye ɖevi, ènye ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo loo alo ame si ŋu womate ŋu aɖo ŋu ɖo o. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Samantha gblɔ be: \"Ne mekpɔ ame aɖe ta nu ɖe ŋuti la, mebunɛ enumake dea agbe bliba nɔlawo dome.\"\nMelanie si xɔ ƒe 18 la hã kpɔ nu bubu aɖe tso nuwɔna sia ŋu. Egblɔ be: \"Mesusu be nutata ɖe ŋuti nana be ame ƒe nyonyo megadzena o. Ðeko wòwɔ abe ame siwo taa nu ɖe ŋuti la medina be woakpɔ yewo adze sii o ene, eya ta wotsɔa nu mawo ɣlaa wo ɖokuiwo.\"\nAdzɔ dzi na wò ɣesiaɣia? Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lãmekpɔkpɔ alo tsitsi gɔ̃ hã ate ŋu ana be nu siwo nèta ɖe ŋuti la me nahe eye womaganya kpɔ wo. Ðekakpui si ŋkɔe nye Joseph gblɔ be: \"Mekpɔ ale si nu siwo amewo ta ɖe ŋuti va nɔna le ƒe geɖe megbe, womenya kpɔna kura o.\"\nÐekakpui si ŋkɔe nye Allen si xɔ ƒe 21 gblɔ be: \"Zi geɖe la, mexɔa ɣeyiɣi boo hafi nu siwo wota ɖe ŋuti megava nɔa vevie o. Nane si le vevie na amea wòta ɖe ŋuti fifia magava nɔ vevie nɛ le ƒe aɖewo megbe o.\"\nNyateƒee Allen to. Nyateƒe lae nye be ne amewo le tsitsim la, nu siwo doa dzidzɔ na wo kple nu siwo wolɔ̃na va trɔna, gake gbedeasi si le nu si wota ɖe ŋuti si ya metrɔna o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Teresa gblɔ be: \"Nyemedi be magatsɔ nutata ɖe ŋuti si ava nɔ ŋku ɖom nye bometsitsi dzi nam hã akpe ɖe nu siwo mewɔ le agbe me siwo ava vem emegbe la ŋu o.\"\nBiblia me mɔfiame kawo ŋutie nàbu?\nKolosetɔwo 3:20: \"Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.\"\nNu kae ate ŋu ado tso eme na wò nenye be èle dziwòlawo gbɔ le aƒe me gake gbe woƒe sededewo dzi wɔwɔ?\n1 Petro 3:3, 4: \"Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ, to ɖaƒoƒo kple sikanuwo dodo alo awu xɔasiwo dodo me o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla si nye gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo si megblẽna o, si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume.\"\nÈsusu be nu ka tae Biblia te gbe ɖe \"dzi me ƒe ame ɣaɣla\" dzi alea gbegbe ɖo?\n1 Timoteo 2:9: \"Nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me.\"\nNya \"ŋuɖɔɖo\" gɔme ɖe? Nu ka tae ŋuɖɔɖo va dea ame dzi emegbe wu nutata ɖe ŋuti?\nRomatɔwo 12:1: \"Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.\"\nNu ka tae ale si nèléa be na wò ŋutilã le vevie na Mawu?\nLe susu siawo ta la, ame geɖe tso nya me be yewomata nu ɖe ŋuti o. Le nyateƒe me la, wova ke ɖe nane si nyo wu nutata ɖe ŋuti ŋu. Teresa, si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: \"Ne nyagbe alo nyagbɔgblɔ aɖe doa dzidzɔ na wò vevie alo ame aɖe le vevie na wò ŋutɔ la, ke wɔ ɖe nyagbe ma me nyawo dzi alo gblɔe na amea be ame vevie aɖe ŋutɔe wònye na ye. Le esi nàta nu ɖe ŋuti teƒe la, nɔ agbe ɖe nu si dzi nèxɔ se la nu boŋ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C9%96e-w%C3%B2nyo-be-mata-nu-%C9%96e-%C5%8Butia\/","date":"2020-10-26T11:13:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107891203.69\/warc\/CC-MAIN-20201026090458-20201026120458-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975190163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975190162658691}","num_words":845,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nELOLO AKPÃ!ELE SUE AKPÃ!\nƉee ne le sue akpã na agbalɛ sia xexlɛ le ɖokuiwo sia?Alo elolo akpã alegbegbe be, madzi be ame aɖeke maxlῖ kpli ye oa?Ʋui nakpɔ!\nکیا ہوتا اگر؟\nخلاصہ: حشام کو صبح سکول جانے سے پہلے برش کرتے پہوئے بُہت ذیادہ نیند آرہی ہوتی ہے لیکن اس دوران بڑے بڑے خواب دیکھنا اُس کے لئے بُہت آسان ہے۔\nKAAKAASAURUS\nBubune le ŋkeke baɖa aɖe me tom.Gbã akpaviã ɖu eƒe abolo eye wodzi be yeaɖu eƒe xɔlɔ̃ Salifu hã. Aleke woa nɔ? Manɔ bɔbɔeɖe kraa o.\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nFATI KPLE DETSI ZE LA.\nFati nye du sesῖe ƒula,eye woga ɖee fia le woƒe kamedefefe ŋkeke la dzi.Esi wotrɔ yi aƒeme la,ekpe ɖe dada ŋu woƒo fetri detsi.Detsi la ʋẽ nyuie eye wodzro Fati.Ŋutinya sia enye ŋutinye vavã aɖe si ɖe fia nyɔnuvi si tsitsim ƒe nɔnɔme tso Ghana ƒe dziehe.\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nAnyieʋɔ ƒe amadede adrea wo.\nLé ŋku ɖe nɔwòƒe. Ɖee nekpɔ anyieʋɔ ƒe amadede adrea wo mahã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2020-10-24T09:19:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107882103.34\/warc\/CC-MAIN-20201024080855-20201024110855-00477.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9916829467,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9916829466819763}","num_words":232,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.159,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Gas' dzralawo ƒe dɔmawɔmawɔ si wode tome le dukɔme godo kpeɖoa nabe gas zãla siwo le Hoa, wotsi tokotoko me elabe gas dzraƒe aɖeke mele dɔ wɔm le dua me o. Amesiwo zana gas le aƒeme kple le dɔwɔwɔme sia siwo yi hena edzedze le Dzoɖagbea, wodometɔ aɖeke metuŋu kpɔdze o.\nEsi Voltaonlinegh.com ɖitsa le gas dzraƒe aɖe siwo le duame dzia, emekɔ be ɖeke menɔ dɔ wɔm o. 'Gas' dzraƒe aɖewo abe 'Kings Gas, Top Gas, Petrobay kple Akoefe Gas' hawo enea, nɔ tutu goŋgoŋ.\n'Ghana LPG Operators Association' sinye dukɔme gas dzralawo ƒe habɔbɔ ye wɔ numadzramadzra ƒe gbeɖeɖe sia ɖe alesi dziɖuɖua du ɖoɖo yeye aɖe si woɖe ŋkɔ nabe Cylinder Re circulatiom Model dede tome ƒe nya ɖa.Wobe ɖoɖoa maɖe vi aɖeke na yewo o.\nWɔna sia gblẽ nu le taxi kula aɖewo hã ƒe dɔwɔwɔ ŋuti. Wodometɔ aɖewo ɖeme na voltaonlinegh.com be, taxi geɖewoa, gas ko zam yewo le ta woale ŋku ɖeŋu na yewo : bubu hã de dzesie be woƒe gas madzramadzra agblẽ nu geɖe le yewo ƒe gbesiagbe bolo kpɔkpɔ ŋuti.\nTogbɔbe ele alea hã, Aƒetɔ Kateh Kumodzi, amesi nye habɔbɔa ƒe zimenɔla le Amugã nutoamea ɖeme be ɖoɖo ma agblẽ nu le yewoƒe dɔwɔna ŋuti. Le eƒe nyanua, gas dzraƒe blaadẽ vɔ eve siwo katã le Amugã nutoamea le megbe na yewo ƒe numadzramadzra ɖoɖoa goŋgoŋ vaseɖe sime yewoa se nya deamedzi aɖe tso dziɖuɖua gbɔ.\nEŋlɔla:Shelter Gakpey\/Voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/22\/gas-za%CC%83lawo-tsi-tokotoko-me-le-gas-dzralawo-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo-dada%C9%96i-me\/","date":"2020-10-24T08:42:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107882103.34\/warc\/CC-MAIN-20201024080855-20201024110855-00292.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972946644,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972946643829346}","num_words":236,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Eya ta esi ɖasefowo ƒe alilikpo gã sia gbegbe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nu vɔ̃ si ɖea to ɖe mí bɔbɔe la ɖa,+ eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi,+ 2 esi míaƒe ŋku le Yesu,+ si nye míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si na míaƒe xɔse de blibo la ŋu tututu. Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti* ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.+ 3 Ɛ̃, mibu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya+ si gblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu ƒe fu la ŋu, ale be ɖeɖi nagate mia ŋu miana ta o.*+ 4 Le avu si wɔm miele kple nu vɔ̃ me la, miekpɔ ɖo afi si wòhiã be woakɔ miaƒe ʋu ɖi le haɖe o. 5 Eye mieŋlɔ nuxlɔ̃ame si wona mi abe viwo ene la be keŋkeŋ, si nye: \"Vinye, mègabu Yehowa* ƒe amehehe nu tsɛ o, eye ne eɖɔ wò ɖo la, dzi megaɖe le ƒowò o; 6 elabena ame si Yehowa* lɔ̃na la, eyae wòhea to na, le nyateƒe me la, ame sia ame si wòxɔ abe vi ene lae wòƒona.\"+ 7 Ehiã be miado dzi elabena enye mia ɖɔɖɔɖo* ƒe akpa aɖe. Ðe Mawu le nu wɔm ɖe mia ŋu abe viwo ene.+ Elabena vi kae li, si fofoa mehea to na o?+ 8 Ne ɖe womehe to sia na mi katã o la, anye ne miezu gbɔmeyaviwo, ke menye vi ŋutɔŋutɔwo o. 9 Azɔ hã, míaƒe ŋutilãmefofowo hea to na mí, eye míedea bubu wo ŋu. Ekema ɖe míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui na Fofo si tsɔ gbɔgbɔ dzi mí la, be míanɔ agbe oa?+ 10 Elabena woawo hea to na mí ɣeyiɣi kpui aɖe le ale si wokpɔ be enyo la nu, ke eya wɔnɛ le míaƒe viɖe ta, be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye la me.+ 11 Nyateƒee, míebua tohehe aɖeke fifia dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafaku na ame siwo wotsɔe na hehee la. 12 Eya ta mido ŋusẽ asi siwo wɔ gblɔdɔɔ kple klo siwo gbɔdzɔ la,+ 13 eye miyi edzi mianɔ mɔ dzɔdzɔe ɖem na miaƒe afɔwo,+ ne nu si gli la nagaɖe ɖa le enu o, ke woada gbe le eŋu boŋ. 14 Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã,+ eye miti kɔkɔenyenye yome,+ elabena eya manɔmee la, ame aɖeke makpɔ Aƒetɔ la o. 15 Mikpɔ nyuie be Mawu ƒe amenuveve la nagage le ame aɖeke si o, ale be kè aɖeke si nye aɖi nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖewo o;+ 16 eye ame aɖeke naganye ame si ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me alo ame si medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.+ 17 Elabena mienyae be, emegbe esi wòdi be yeanyi yayra la dome la, wogbe; elabena togbɔ be etsɔ aɖatsiwo di vevie be woatrɔ susu ɖe ye ŋu hã la,+ medze edzi o. 18 Elabena nu si gbɔ miete va la menye nu si ŋu woate ŋu aka asii o,+ menye dzo si le bibim vlavlavla,+ kple alilikpo dodo, kple viviti tsiɖitsiɖi, kple ahom,+ 19 kple kpẽ ƒe ɖiɖi+ kpakple nyawo ƒe ɖiɖi,+ esi tututu ameawo se heɖe kuku be woagagblɔ nya aɖeke akpee na yewo o la o.+ 20 Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o, se lae nye: \"Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka toa ŋu la, woaƒu kpee.\"+ 21 Eye nukpɔkpɔ la ɖi vɔvɔ̃ ale gbegbe be Mose gblɔ be: \"Mele vɔvɔ̃m hele ƒoƒom kpakpakpa.\"+ 22 Ke nu si gbɔ miawo ya miete va lae nye Zion To+ kple Mawu gbagbe la ƒe du, dziƒo Yerusalem,+ kple mawudɔla akpeakpewo 23 ƒe takpekpe gã,+ kple ŋgɔgbevi siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame, kple Mawu, si nye amewo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la,+ kple ame dzɔdzɔe siwo wowɔ bliboe+ la ƒe agbe si dzi gbɔgbɔa+ kpɔ ŋusẽ ɖo, 24 kple Yesu si nye nubabla yeye+ ƒe domenɔla,+ kpakple ʋu si wohlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel ƒe ʋu.+ 25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo* ame si le nu ƒom la o. Elabena ne ame siwo gbe toɖoɖo ame si tsɔ Mawu ƒe nya xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la mete ŋu si le tohehe nu o la, ekema aleke míawo míawɔ asi le ame si le nu ƒom na mí tso dziƒo la nui!+ 26 Ɣemaɣi la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba,+ gake azɔ edo ŋugbe be: \"Egasusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖe koe maʋuʋu o, ke dziƒo hãe.\"+ 27 Ke nyagbɔgblɔ \"egasusɔ zi ɖeka\" la fia nu siwo ʋuʋum wole—si nye nu siwo wowɔ—la ɖeɖe ɖa, ale be nu siwo womeʋuʋu o la natsi anyi. 28 Esi Fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o lae míaxɔ ta la, mina míayi edzi ana eƒe amenuveve nanɔ mía dzi be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu wòadze eŋu le mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto me. 29 Elabena mía Mawu la nye dzo si fiãa nu hã.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"miana ta le miaƒe luʋɔwo me o.\"\n^ Alo, \"miaƒe hehexɔxɔ.\"\n^ Alo, \"miagado taflatsɛ na.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Hebrit%C9%94wo\/12\/","date":"2020-10-28T07:16:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107896778.71\/warc\/CC-MAIN-20201028044037-20201028074037-00048.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989339709,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989339709281921}","num_words":850,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Apostolo Wuieveawo Kpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Hebrivi Etɔ̃awo Kpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o. Fefeɣi Alo Anyinɔnɔ Kpoo Ɣi Hakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o. Mele Nu Kpɔm! Zã Biblia nusɔsrɔ̃ sia nàtsɔ afia nu viwò sue tso Yesu ƒe nukunu xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka ŋu. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Apostolo Wuieveawo NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Apostolo Wuieveawo Eʋegbe Apostolo Wuieveawo https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015244\/univ\/art\/502015244_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/apostolo-wuieveawo\/","date":"2020-11-27T02:37:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00078.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940783978,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940783977508545}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.171,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dedienɔnɔ Le Etsɔme, Le Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te\nETEƑE madidi o, míaƒe dzodzodzoetsitsi ɖe etsɔme ŋu nu ayi, elabena Mawu akpɔ Anyigba la ƒe nyawo gbɔ to ye ŋutɔ ƒe dziɖuɖu si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒe la dzi. Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku ma nɔ susu me na Yesu Kristo esime wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: 'Na wò fiaɖuƒe nava. Na wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.'—Mateo 6:9, 10.\nMawu Fiaɖuƒe la mawɔ dɔ aduadu kple amegbetɔ siwo xɔa ŋgɔ le dunyahehe me loo, alo to wo dzi o. Ke boŋ, aɖe amegbetɔ ƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe nuɖoanyi ɖe sia ɖe ɖa, abe ale si wogblɔe le Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe \"ŋkeke mamlɛawo,\" si nye ɣeyiɣi siwo me míele fifia, ŋu me ene. (2 Timoteo 3:1) Egblɔ ɖi be: \"Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . Agbã [amegbetɔ ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.\" (Daniel 2:44) Nya mawo menye akɔfafa alo mɔkpɔkpɔ aɖeke na ame siwo di be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu nakpɔtɔ anɔ anyi o, gake enye ŋugbedodo si doa dzidzɔ na ame siwo di be Mawu nawɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi ya.\nEtsɔme Wɔnuku Aɖe!\nNe Mawu Fiaɖuƒea le anyigba bliboa dzi ɖum la, dunyahehe, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, subɔsubɔ, kple liƒowo mama eteviwo dome o. Ke boŋ, woazu xexea me katã ƒe nɔviwo, ame siwo nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ŋu kpakple lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ƒo ƒu ɖekae. (Yohanes 13:34, 35; 17:3, 17) Ɛ̃, le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, \"ame dzɔdzɔe la amie,\" eye 'ŋutifafa axɔ aƒe, va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o.'—Psalmo 72:7.\nHekpe ɖe nu siawo ŋu la, Mawu Fiaɖuƒea ana ame siwo bɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te la nade blibo le susu kple ŋutilã me, ahana dɔléle, fukpekpe, kple ku nu nayi tegbee. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Alekee nuwo anɔ ɣemaɣi? Míaƒe anyigbaa azu paradiso le go ɖe sia ɖe me, eye esia ana tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me nava eme abe ale si wògblɔe le Eden bɔa me ene.—1 Mose 1:28.\nNya Nyui Vavã Ðeka Kolia La\nEsime Yesu nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ siwo aƒo ƒu anye \"nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi\" ŋu la, eƒo nu tso nu ɖedzesi aɖe koŋ hã ŋu. (Mateo 24:3-7) Egblɔ be: \"Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"—Mateo 24:14.\nLe ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn adre kloe le dukɔ 236 me kpɔ gome le Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ na amewo me le ƒe 2007 me, esime wozã woawo ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣi si wu gaƒoƒo biliɔn 1 kple miliɔn 400 le dɔ sia wɔwɔ me. Nu ka tae Ðasefowo ka ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me la dzi vevie nenema gbegbe ɖo? Ŋuɖoɖoa mesesẽ kura o. Abe ale si nyati si kplɔe ɖo ɖe emee ene la, Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi.—Romatɔwo 3:4.—g08 05-E.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]\nBiblia gblɔ be \"ŋutifafa axɔ aƒe\" ɖi","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200807\/Dedien%C9%94n%C9%94-Le-Ets%C9%94me-Le-Mawu-%C6%91e-Dzi%C9%96u%C9%96u-Te\/","date":"2020-11-25T02:18:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141180636.17\/warc\/CC-MAIN-20201125012933-20201125042933-00480.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970940948,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970940947532654}","num_words":505,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàdze Biblia xexlẽ gɔme wòanɔ bɔbɔe eye wòavivi nuwò? Na míalé ŋku ɖe mɔ atɔ̃ aɖewo siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu la ŋu.\nDi teƒe si sɔ. Dze agbagba nàdi teƒe si ɖoɖoezizi le. Tsɔ susu ɖo nu si xlẽm nèle la ŋu, mègana naneke nanɔ wò susu hem o. Xlẽe le afi si nàte ŋu akpɔ nu nyuie le eye meganɔ teƒe si dzoxɔxɔ le o ale be nua xexlẽ naɖe vi na wò.\nTsɔ susu nyui xlẽe. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo gbɔe Biblia tso ta la, exexlẽ aɖe vi na wò wu ne èle abe ɖevi si di be yeasrɔ̃ nu tso ye dzilawo gbɔ ene. Ne susu manyomanyo aɖe le asiwò ɖe Biblia ŋu xoxo la, ke dze agbagba naɖe wo le susu me ale be Mawu nate ŋu afia nu wò.—Psalmo 25:4.\nDo gbe ɖa hafi nàxlẽ Biblia. Mawu ƒe susuwoe le Biblia me eya ta mewɔ nuku o be eyae wòle be wòakpe ɖe mía ŋu míase emenyawo gɔme. Mawu do ŋugbe be: 'yeana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la.' (Luka 11:13) Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse ale si Mawu bua nuwo ŋui la gɔme. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, aʋu wò susu be nàse \"Mawu ƒe nu goglowo ke hã me.\"—1 Korintotɔwo 2:10.\nDze agbagba nàse nu si xlẽm nèle la gɔme. Mèganɔ du dzi le exexlẽ me o. De ŋugble le nu si xlẽm nèle la ŋu vevie. Bia nya siawo ɖokuiwò: 'Nɔnɔme kawoe le ame si ƒe ŋutinya xlẽm mele la si? Aleke mate ŋu awɔ nu sia ŋu dɔ le nye agbe me?'\nÐo taɖodzinu aɖewo koŋ. Be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò la, dze agbagba nàsrɔ̃ nane si akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aɖo taɖodzinu siawo: 'Medi be masrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu.' 'Medi be mazu ame ɖɔʋu, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui.' Emegbe xlẽ Biblia ƒe akpa siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinuawo gbɔ. *\nMɔ atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàdze egɔme. Gake nu kae nàwɔ be Biblia xexlẽ navivi nuwò geɖe wu? Nyati si kplɔ esia ɖo afia nu siwo nàwɔ la wò.\n^ mm. 8 Ne mènya Biblia ƒe akpa si tututu nàxlẽ o la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp201701\/maw%C9%94-adze-biblia-xexl%E1%BA%BD-g%C9%94me\/","date":"2020-11-24T13:36:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176256.21\/warc\/CC-MAIN-20201124111924-20201124141924-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989350438,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989350438117981}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia de se be mímegano ʋu alo ana wòage ɖe lã me na mí o. Eya ta mele be míalɔ̃ azã ʋu ŋutɔ alo ʋumenu veviwo le mɔ aɖeke nu o, eɖanye ɖe wotsɔ wo wɔ nuɖuɖui alo ɖe wobe woadoe na mí o. De dzesi mawunyakpukpui siwo gbɔna:\n1 Mose 9:4. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu ɖe mɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woate ŋu aɖu lãwo hã azɔ, gake ede se na wo be womegaɖu ʋu o. Mawu gblɔ na Noa be: \"Ðeko migaɖu lã si me ʋu, si nye eƒe agbe la, tsi o.\" (Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Sedede sia bla amegbetɔƒomea katã tso ɣemaɣi dzi, elabe wo katã wonye Noa ƒe dzidzimeviwo.\n3 Mose 17:14. \"Migaɖu lã aɖeke ƒe ʋu o, elabena lãwo ƒe ʋu enye woƒe agbe. Ame sia ame, si aɖui la, woatsrɔ̃e ɖa.\" Mawu bua agbe la be ele ʋua me, eya ta enye ye tɔ. Togbɔ be Israel-viwo koe wode se sia na le afi sia hã la, eɖe ale si gbegbe se si Mawu de ku ɖe ʋuɖuɖu ŋu la le vevie nɛ la fia.\nDɔwɔwɔwo 15:20. 'Mitsri ʋu.' Mawu de se si wòde na Noa la ke na Kristotɔwo hã. Ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖo kpe edzi be Kristotɔ gbãtɔwo gbe be yewomaɖu ʋu alo azãe le atikewɔwɔ me gɔ̃ hã o.\nNu ka tae Mawu de se na mí be míatsri ʋu?\nAtikeŋutinunyalawo ƒe numekukuwo ɖo kpe edzi be ele be woaƒo asa na ʋudodo. Gake susu vevitɔe nye be Mawue de se be míatsri ʋu, elabe nu si ʋu le tsitre ɖi na la nye nu kɔkɔe nɛ.—3 Mose 17:11; Kolosetɔwo 1:20.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-tso-%CA%8Budodo-%C5%8Bu\/","date":"2020-11-24T18:45:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176922.14\/warc\/CC-MAIN-20201124170142-20201124200142-00162.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989680052,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989680051803589}","num_words":270,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Te Ðe Mawu Ŋu\nNu Kae Yehowa Di Tso Mía Si?\nNYAMETSOTSO wɔwɔ be woaɖo to alo womaɖo to o menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Tseɖuɖu koe amewo atsɔ aɖo to aƒetɔ si daa gbe ɖe ame gbɔ, alo esi ƒe nya me sẽ kpaɖii. Gake Yehowa Mawu ƒe subɔlawo ya ɖoa to eyama tso dzi me faa. Nu ka tae? Be míaɖo biabia sia ŋu la, na míadzro Mose ƒe nya siwo dze le 5 Mose 10:12, 13 me akpɔ. *\nEsi Mose di be yeaƒo nu tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu kpuie la, ebia nya wɔdɔɖeamedzi sia be: \"Nu ka dim Yehowa wò Mawu le tso asiwò?\" (Kpukpui 12, NW) Mawu tɔ dzɔ be wòabia nu sia nu si wòdi la tso mía si. Nya lae nye be, eyae nye Aƒetɔ Dziɖulagã kple míaƒe agbe Dzɔƒe kple Ame si lénɛ ɖe te. (Psalmo 36:10; Yesaya 33:22) Yehowa tɔ dzɔ bliboe be wòabia tso mía si be míaɖo to ye. Ke hã, medina be míatsɔ dzizizi aɖo to ye o. Nu kae wòdi tso mía si? Be míanye \"ame siwo tso dzi me ɖoa to.\"—Romatɔwo 6:17.\nNu kae aʋã mí be míaɖo to Mawu tso dzi me faa? Mose he susu yi nu veviawo dometɔ ɖeka dzi esi wògblɔ be: \"Nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.\" * (Kpukpui 12) Esia menye dzidzi si aƒo ame le nuwɔna gbegblẽ me tsonuwo ta o, ke boŋ enye vɔvɔ̃ nyuitɔ, si nye bubu deto dede Mawu kple eƒe mɔwo ŋu. Ne vɔvɔ̃ nyuitɔ sia yɔ mía me fũu la, míadi be míawɔ naneke si madze Mawu ŋu o.\nGake, nu kae nye nu vevitɔ kekeake si wòle be wòaʋã mí be míaɖo to Mawu? Mose gblɔ be: \"[Nàlɔ̃ Yehowa], eye nàsubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me.\" (Kpukpui 12) Lɔlɔ̃ na Mawu lɔ nu geɖe ɖe eme wu seselelãme dzro ko. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be: \"Ɣeaɖewoɣi la, Hebrigbe me nya siwo ɖɔa seselelãme la te ŋu kuna ɖe nu siwo seselelãmeawo ʋãa ame wòwɔna la hã ŋu.\" Numekugbalẽ sia ke gblɔ be lɔlɔ̃ na Mawu fia \"be woawɔ nu ɖe eŋu le lɔlɔ̃ me.\" Ne míagblɔe bubui la, ne míelɔ̃ Mawu nyateƒe la, míawɔ nu le mɔ si míenya be adze eŋu la nu.—Lododowo 27:11.\nAfi kae wòle be míaɖo to Mawu ase ɖo? Mose gblɔ be: \"Nàzɔ [Mawu ƒe] mɔwo katã dzi.\" (Kpukpui 12) Yehowa di be míawɔ nu sia nu si yedi tso mía si. Ðe toɖoɖo bliboe alea aɖe vi na mía? Aɖe vi na mí godoo.\nToɖoɖo tso dzi me faa ahe yayra geɖewo vɛ na mí. Mose ŋlɔ be: \"Nàwɔ Yehowa ƒe se . . . siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.\" (Kpukpui 13) Nyateƒee, Yehowa ƒe sewo katã—nu sia nu si wòdi tso mía si—dzi wɔwɔ ana eme nanyo na mí. Womagblẽ nu le mía ŋu gbeɖe o! Biblia gblɔ be: \"Mawu nye lɔlɔ̃.\" (1 Yohanes 4:8) Eya ta míaƒe nyonyo mavɔ tae eƒe seawo li ɖo. (Yesaya 48:17) Nu sia nu si Yehowa di tso mía si la dzi wɔwɔ akpɔ mía ta tso nuteɖeamedzi geɖe me fifia, eye wòana míava xɔ etsɔmeyayra mavɔwo le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te. *\nBe woaɖo to alo womaɖo to o—le nu siwo Yehowa di tso mía si gome la, nyametsotso ɖeka si me nunya le koe li. Toɖoɖo faa tso dzi blibo mee nyea nyuitɔ kekeake ɣesiaɣi. Nuteƒewɔwɔ alea nana míeva tena ɖe Yehowa, Mawu lɔ̃ame si dia nyui na mí ɣesiaɣi la ŋu geɖe wu.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 9 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 3 lia, si nye \"Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?\" hena numekɔkɔ bubuwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091001\/Nu-Kae-Yehowa-Di-Tso-M%C3%ADa-Si\/","date":"2020-11-24T13:18:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176256.21\/warc\/CC-MAIN-20201124111924-20201124141924-00638.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996763885,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967638850212097}","num_words":601,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nکیا ہوتا اگر؟\nخلاصہ: حشام کو صبح سکول جانے سے پہلے برش کرتے پہوئے بُہت ذیادہ نیند آرہی ہوتی ہے لیکن اس دوران بڑے بڑے خواب دیکھنا اُس کے لئے بُہت آسان ہے۔\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nAnyieʋɔ ƒe amadede adrea wo.\nLé ŋku ɖe nɔwòƒe. Ɖee nekpɔ anyieʋɔ ƒe amadede adrea wo mahã?\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nELOLO AKPÃ!ELE SUE AKPÃ!\nƉee ne le sue akpã na agbalɛ sia xexlɛ le ɖokuiwo sia?Alo elolo akpã alegbegbe be, madzi be ame aɖeke maxlῖ kpli ye oa?Ʋui nakpɔ!\nKAAKAASAURUS\nBubune le ŋkeke baɖa aɖe me tom.Gbã akpaviã ɖu eƒe abolo eye wodzi be yeaɖu eƒe xɔlɔ̃ Salifu hã. Aleke woa nɔ? Manɔ bɔbɔeɖe kraa o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee?changedLanguage=Ewe","date":"2021-01-19T03:35:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703517559.41\/warc\/CC-MAIN-20210119011203-20210119041203-00760.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9932958484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9932958483695984}","num_words":231,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.134,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nu ka ta Mawu na blema Israel viwo nye dukɔ si nɔ ɖoɖo nu?\nMawu ƒo blemafofo Abraham ƒe dzidzimeviwo nu ƒu wonye dukɔ, eye wòde sewo na wo. Eyɔ dukɔ ma be \"Israel,\" eye wòbia tso wo si be woalé tadedeagu vavãa me ɖe asi ahakpɔ yeƒe nya la ta. (Psalmo 147:19, 20) Esia awɔe be dukɔwo katã akpɔ viɖe to Israel dzi.—Xlẽ 1 Mose 22:18.\nMawu tia Israel viwo be woanye yeƒe ɖasefowo. Woƒe blemaŋutinya ɖe ale si toɖoɖo Mawu ƒe sewo ɖea vi na amee la fia. (5 Mose 4:6) Ale wɔ ame bubuwo ate ŋu ava nya Mawu vavã la to nusɔsrɔ̃ tso Israel viwo ŋu me.—Xlẽ Yesaya 43:10, 12.\n2. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo nye habɔbɔ ɖo?\nIsrael viwo ƒe nu megava dze Mawu ŋu o, eya ta Yehowa na Kristo hamea va xɔ ɖe dukɔ ma teƒe. (Mateo 21:43; 23:37, 38) Kristotɔ vavãwo va xɔ ɖe Israel viwo teƒe egbea hezu Yehowa ƒe ɖasefowo.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:14, 17.\nYesu wɔ ɖoɖo na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã ahawɔ dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe. (Mateo 10:7, 11; 24:14; 28:19, 20) Dɔ sia le eƒe yɔyrɔe nu ɖom fifia le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi sia me. Esiae nye zi gbãtɔ si Yehowa ƒo ame miliɔn geɖewo nu ƒu tso dukɔwo katã me ɖe tadedeagu vavã me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Kristotɔ vavãwo nye habɔbɔ si me tɔwo dea dzi ƒo na wo nɔewo hekpena ɖe wo nɔewo ŋu. Biblia me nufiame ɖekae woxɔna le woƒe kpekpewo me le xexea me godoo.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.\n3. Aleke Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si li egbea la ƒe dɔwo dze egɔmee?\nLe ƒe 1870-awo me la, Biblia nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe va nɔ kekem ɖe Biblia me nyateƒe siwo amewo megafiana o ƒe geɖee nye ma la ŋu. Wonyae be Yesu wɔ ɖoɖo be Kristo hamea nanɔ gbeƒã ɖem, eya ta wote gbeƒãɖeɖe tso Fiaɖuƒea ŋu le dukɔ vovovowo me. Wotsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8; 2:1, 4; 5:42.\n4. Ðoɖo ka nue Yehowa Ðasefowo le?\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, dɔdzikpɔha aɖe si lɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye hamea ƒe Ta lae kpɔa Kristo hame siwo nɔ dukɔ vovovowo me la dzi. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Egbea hã, Dɔdzikpɔha si me tɔwo nye hamemetsitsi kpɔnuteƒewoe kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le xexea me godoo. Wokpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo ɖea gbe gɔme, taa agbalẽwo alo maa Biblia srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 600 me la dzi. Ale wɔ Dɔdzikpɔha la tea ŋu naa Ŋɔŋlɔawo me dzideƒo kple mɔfiame hame siwo wu 100,000 le xexea me godoo. Woɖoa ŋutsu siwo dze la hamemetsitsiwo alo dzikpɔlawoe le hame ɖe sia ɖe me. Ŋutsu siawo léa be na Mawu ƒe alẽha la le lɔlɔ̃ me.—Xlẽ 1 Petro 5:2, 3.\nYehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu. Míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me abe ale si ko apostoloawo wɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Azɔ hã míesrɔ̃a Biblia kple ame siwo lɔ̃ nyateƒea tso dzi blibo me. Gake menye habɔbɔ koe Yehowa Ðasefowo nye o. Fofo lɔ̃ame aɖe ƒe ƒomea me tɔwoe míenye. Míenye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo léa be na mía nɔewo. (2 Tesalonikatɔwo 1:3) Esi Yehowa ƒe amewo dina vevie be yewoadze Mawu ŋu ahakpe ɖe amewo ŋu ta la, wonye ƒome si kpɔa dzidzɔ wu le anyigba dzi.—Xlẽ Psalmo 33:12; Dɔwɔwɔwo 20:35.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/yehowa-%C9%96asefowo-hab%C9%94b%C9%94\/","date":"2021-04-11T01:22:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038060603.10\/warc\/CC-MAIN-20210411000036-20210411030036-00613.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998961091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989610910415649}","num_words":525,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 129\nStanza 1\nYesu aɖu fia 'fi sia 'fi,\nSi ɣe zɔna le godoo la;\nAɖu fia xexeme katã dzi,\nSe ɖe ɣleti magaɖi o.\nStanza 2\nAnyigbadzitɔwo kãta\nNɔa eƒe lɔlɔ̃ kafum ɖaa.\nÐeviwo hã dzia ha viviwo,\nBe woakafu eƒe ŋkɔ nyui.\nStanza 3\nWoado gbe ɖa na Yesu ɖaa,\nWoakafu eƒe ŋkɔ tegbee.\nEƒe ŋkɔ vivi ade dzi boo,\nLe gbe sia gbe ŋdivɔsa me.\nAnyigbadzitɔwo katã\nAna bubu woƒe fia la.\nƐ̃, dziƒonɔlawo katã hã\nNadzi ha be: Haleluya!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-129\/","date":"2021-04-21T05:26:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00261.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973127842,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973127841949463}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.136,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 88\nStanza 1\nNye ɖela, wò amelɔlɔ̃\nNye wò dɔ ƒe gɔmeɖoɖo;\nWò nublanuikpɔkpɔdzi la\nYe na nèdo mía ŋutilã;\nMíaƒe dɔwo kple fukpekpe\nWòetsɔ wo yi ɖe ku me ke.\nNyateƒe, wò amelɔlɔ̃\nEgbã go na amesiame.\nStanza 2\nWòefa vi ɖe futɔwo ŋu,\nWòeɖea ameiame dzi ɖaa;\nDɔnɔwo, ame dahewo,\nWòenye xɔlɔ̃ vevi na wo.\nEɖoa to woƒe ŋeŋewo,\nEye nèxɔa na wo vavã.\nWòeku ɖ' atsitsoga ŋuti,\nBe nafia wò lɔlɔ̃ la mí\nStanza 3\nAleke nèkpɔ nublanui\nNa nuvɔ̃wɔlawo katã!\nWò agbe kɔkɔe gɔ̃ nètsɔ\nHena ɖe mía ta to ku me,\nMawu na míaƒe tohehe\nKple amewo ƒe fuléle\nWo katã nava wò ko dzi,\nBe naɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-88\/","date":"2021-04-21T04:08:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00225.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995632768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995632767677307}","num_words":114,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"63 Ame kae nye esia gbɔna tso Edom,+Eye wòle awu siwo ƒe amadede dze nyuie* me tso Bozra,+Ame si le atsyɔ̃wu me,Eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? \"Nye, Ame si ƒoa nu le dzɔdzɔenyenye me,Ame si si ŋusẽ geɖe le be wòaxɔ na ame lae.\" 2 Nu ka ŋuti wò awuwo biã ale,Eye wò awuwo le abe ame si le wain fanyam le wainfiãnu me la tɔ ene?+ 3 \"Nye ɖekae fanya waintsetse le wainfiãnu me, Ame aɖeke metso dukɔwo me va kpe ɖe ŋunye o. Mefanya wo le nye dziku me,Eye metu afɔ wo dzi le nye dɔmedzoe me.+ Woƒe ʋu hlẽ ɖe nye awuwo ŋu,Eye nye nudodowo katã me gblẽ. 4 Elabena meɖo hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me,+Eye ƒe si magbugbɔ nye amewo aƒle la ɖo. 5 Metsa ŋku, ke kpeɖeŋutɔ aɖeke meli o;Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋum o. Eya ta nye alɔ xɔ nam,*+Eye nye dɔmedzoe kpe ɖe ŋunye. 6 Mefanya dukɔwo le nye dziku me,Mena wono nye dɔmedzoe mu,+Eye mekɔ woƒe ʋu ɖe anyigba.\" 7 Maƒo nu tso Yehowa ƒe amenuvedɔwo ŋu,Yehowa ƒe dɔ siwo dze na kafukafu,Le nu siwo katã Yehowa wɔ na mí la ta,+Nyui gbogbo siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe laLe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖeawo nu. 8 Elabena egblɔ be: \"Vavã, nye dukɔe wonye, vi siwo magbe nuteƒewɔwɔ o* lae wonye.\"+ Ale wòzu Xɔnametɔ na wo.+ 9 Le woƒe vevesesewo katã me la, eya hã se veve.+ Eye eya ŋutɔ ƒe dɔla* xɔ na wo.+ Eya ŋutɔ gbugbɔ wo ƒle le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmetɔtrɔ me,+Eye wòde asi wo te hekɔ wo le blemaŋkekewo katã me.+ 10 Ke wodze aglã,+ eye wodo nuxaxa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la.+ Ale wòtrɔ zu woƒe futɔ;+Eye wòwɔ aʋa kpli wo.+ 11 Ale woɖo ŋku blemaŋkekewo dzi,Eƒe subɔla Mose ƒe ŋkekeawo dzi hebia be: \"Afi kae ame si kplɔ wo to atsiaƒu la me+ kple eƒe alẽha la ƒe kplɔlawo le?+ Afi kae Ame si tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe de eya amea me,+ 12 Ame si na eƒe ŋutikɔkɔe ƒe abɔ la nɔ kple Mose ƒe nuɖusi,+Ame si ma tsiwo me le wo ŋgɔ,+Ne wòawɔ ŋkɔ mavɔ na eɖokui,+ 13 Ame si na wozɔ to tsi dzeagbowo* me,Womekli nu o,Abe sɔ le gbadzaƒe* ene la le? 14 Yehowa ƒe gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme+Abe ale si ko lãhawo yia bali mee ene.\" Aleae nèkplɔ wò dukɔ la,Ale be nàwɔ ŋkɔ gã* na ɖokuiwò.+ 15 Do ŋku ɖa tso dziƒo ne nàkpɔ nu,Tso wò bubuteƒe* kɔkɔ si le kɔkɔe la. Afi kae wò dzonɔameme, wò ŋusẽ geɖe,Wò dɔmetɔtrɔ*+ kple wò nublanuikpɔkpɔ le?+ Wote ɖa le ŋunye. 16 Elabena wòe nye mía Fofo;+Togbɔ be Abraham menya mí o,Eye Israel mekpɔ mí dze si o hã la,Yehowa, wòe nye mía Fofo. Ŋkɔwòe nye mía Gbugbɔƒlela tso gbe aɖe gbe ke.+ 17 Oo Yehowa, nu ka tae nèna míele tatram le wò mɔwo dzi? Nu ka tae nèna míaƒe dzi me sẽ be míevɔ̃a wò o?+ Gatrɔ va le wò subɔlawo ta,Le to siwo nye wò domenyinu ta.+ 18 Ɣeyiɣi vi aɖe koe anyigba la nɔ wò dukɔ kɔkɔe la si me. Míaƒe ketɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.+ 19 Elabena ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míezu abe ame siwo dzi mèɖu kpɔ oKple ame siwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ o la ene.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"awu dzĩ.\"\n^ Alo, \"na meɖu dzi.\"\n^ Alo, \"mada alakpa o.\"\n^ Alo, \"dɔla si le eŋkume.\"\n^ Alo, \"tsi goglowo.\"\n^ Alo, \"gbegbe.\"\n^ Alo, \"ŋkɔ dzeani.\"\n^ Alo, \"teƒe dzeani.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Wò dɔme ƒe agbodzedze.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/63\/","date":"2021-04-16T12:12:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038056325.1\/warc\/CC-MAIN-20210416100222-20210416130222-00065.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980774522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980774521827698}","num_words":575,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã ɖi.\"\n\"Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutegawo le eƒe aba dzi. Eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi; eŋlɔ nyawo katã ɖi tsitotsito.\"\n\"Esi miexɔ Mawu ƒe nya, si miese tso mía gbɔ la, miexɔe abe amegbetɔwo ƒe nya ene o ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si tututu wòle hã ene.\"\n\"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.\"\n\"Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/ame-kae-%C5%8Bl%C9%94-biblia-la\/","date":"2021-05-11T17:43:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991648.10\/warc\/CC-MAIN-20210511153555-20210511183555-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994976521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999497652053833}","num_words":93,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nyɔ! Xɔm Ðe Agbe!\"\nNyɔ! talawo xɔ akpedadalɛta aɖe tso Italy. Eƒe akpa aɖe xlẽ be:\n\"Mele Nyɔ! xlẽm ƒe 40 sɔŋ enye esia, eye mekpɔa ŋudzedze ɖe nyati nyui gbogbo vovo siwo ŋu wòƒoa nu tsoe la ŋu. Dɔwɔƒee menɔ nyitsɔ laa hafi se veve heliheli aɖe le nye dɔ me kple akɔta. Mewɔ susu be mayi aƒeme, gake esi megasee zi evelia la, mede dzesi nusi nɔ wɔyem. Meɖo ŋku nyati aɖe si dze le Nyɔ! me dzi si gblɔ dzidɔ ƒe amedzidzedze ƒe dzesiwo. * Mewɔ susu be mayi kɔdzi. Xɔ si me wolalana lee menɔ esi nye ta bi ɖe akpa ɖeka eye meku ƒenyi. Eƒe ŋufɔkee wogblɔ nya sia nam le afisi wokpɔa dɔnɔwo gbɔ kpata le.\n\"Nyee nye esi gale agbe egbea le esi ɖɔkta bibiwo tsom xɔ ta. Gake ele be magaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe miaƒe magazine si na mekpɔ nyatakaka si na mewɔ nyametsotso nyuitɔ yi kɔdzi la ŋu. Nyɔ! xɔm ɖe agbe!\"\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Kpɔ míaƒe tata si nye December 8, 1996, axa 6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030308\/Ny%C9%94-X%C9%94m-%C3%90e-Agbe\/","date":"2021-05-17T14:03:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00308.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990777373,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990777373313904}","num_words":168,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 15, 2004 Azã aɖe si Ka Wò Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua—Aleke Woaɖui? 'Wò Bubu De Ŋgɔ Wu Towo Tɔ' \"Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe dɔ\" 'Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe' Westphalia ƒe Ŋutifafa La—Tɔtrɔɣi Ðedzesi aɖe le Europa Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia Me Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ehud Ŋe Ameteɖeanyila Ƒe Kɔkutia","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040315\/","date":"2021-05-15T18:18:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243990551.51\/warc\/CC-MAIN-20210515161657-20210515191657-00598.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982248545,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982248544692993}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke nàɖo nyabiase si gbɔna la ŋu?\nNU SIAWO DOMETƆ KA DZIE NU GBAGBEWO TO VA DZƆ ․․․․․?\nNƆNƆMETƆTRƆ\nNUWƆWƆ\nAME aɖewo agblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo atia \"nɔnɔmetɔtrɔ,\" gake mawusubɔlawo ya atia \"nuwɔwɔ.\"\nGake menye ɣesiaɣie wònɔna nenema o.\nLe nyateƒe me la, ame gbogbo aɖewo, siwo dometɔ geɖe nye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã, tsia tre ɖe nufiafia sia ŋu.\"\nGerard, si fiaa nu dzodzoewo ŋuti nunya, ame si srɔ̃ nu tso nɔnɔmetɔtrɔ ŋu le suku kɔkɔ hã gblɔ be: \"Ne míewɔ dodokpɔ la, meŋlɔa ŋuɖoɖo siwo nufialawo di la na wo, gake nyemexɔ ŋuɖoɖoawo dzi se o.\"\nNu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gɔ̃ hã mexɔ nufiafia si nye be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si la dzi se o? Be míaɖo nya sia ŋu la, míadzro nyabiase eve siwo tɔtɔa numekulawo me, woawoe nye: (1) Aleke nu gbagbewo wɔ va dzɔ? kple (2) Aleke wòdzɔe be nu gbagbe ƒomevi vovovowo va li?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201501\/n%C9%94n%C9%94met%C9%94tr%C9%94-kple-nuw%C9%94w%C9%94\/","date":"2021-05-16T13:27:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991269.57\/warc\/CC-MAIN-20210516105746-20210516135746-00622.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998464942,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984649419784546}","num_words":150,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 15, 2004 Ameka ƒe Ŋugbedodowo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo? Ŋugbedodo Siwo Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo 'Yehowa ƒe Atiwo Ðia Ƒo' Yehowa Ƒe Gãnyenye Me Dzodzro Meli o Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ Tsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu Menye Amegbetɔ o Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—II Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040115\/","date":"2021-05-11T05:42:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991641.5\/warc\/CC-MAIN-20210511025739-20210511055739-00536.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957922697,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957922697067261}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMía Wɔla de sewo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi dziɖuɖuwo va te sewo dede ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ na mí be: \"Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.\" (1 Mose 2:24) Numekugbalẽ aɖe (Vine's Expository Dictionary of Biblical Words) gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be \"srɔ̃\" la fia \"amegbetɔ nyɔnu.\" Yesu ɖo kpe edzi be ele be ame siwo aɖe wo nɔewo la nanye \"atsu kple asi.\"—Mateo 19:4.\nEya ta ɖe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye kadodo sẽŋu aɖe si anɔ anyi ɖaa le ŋutsu kple nyɔnu dome. Wowɔ ŋutsu kple nyɔnu wosɔ nyuie na wo nɔewo ale be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu ahakpɔ wo nɔewo ƒe seselelãme kple gbɔdɔdɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye woadzi viwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C5%8Butsu-kple-%C5%8Butsu-alo-ny%C9%94nu-kple-ny%C9%94nu-%C6%92e-sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e\/","date":"2021-05-19T04:01:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991562.85\/warc\/CC-MAIN-20210519012635-20210519042635-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992204905,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992204904556274}","num_words":140,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Esiae nye Nehemiya,*+ Hakaliya vi, ƒe nyawo: Le ƒe blaevelia ƒe ɣleti Kislev* me la, menɔ Susan*+ mɔ́* me. 2 Ɣemaɣi la, Hanani,+ si nye nɔvinyewo dometɔ ɖeka, kple ŋutsu aɖewo tso Yuda va, eye mebia Yudatɔ mamlɛ siwo meyi aboyo me+ o la ta eye mebia Yerusalem hã ta. 3 Eye wogblɔ nam be: \"Ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi, siwo meyi aboyo me o la le nɔnɔme sesẽ ŋutɔ aɖe me, eye wònye ŋukpe sɔŋ.+ Wogbã Yerusalem ƒe gli+ la, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.\"+ 4 Esi mese nya siawo ko la, mebɔbɔ nɔ anyi hede asi avifafa me, mexa nu ŋkeke geɖe, eye metsi nu dɔ+ hedo gbe ɖa le dziƒowo ƒe Mawu la ŋkume. 5 Eye megblɔ be: \"Oo Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ heléa eƒe sededewo me ɖe asi la nu,+ 6 meɖe kuku, ƒu to anyi, eye wò ŋkuwo nanɔ te, ne nàɖo to gbe si dom wò subɔla le ɖa egbea le ŋkuwòme zã kple keli+ ɖe wò subɔla Israel-viwo ta hele Israel-viwo ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe ŋuwò la me ʋum. Nye kple fofonye ƒe aƒe la siaa míewɔ nu vɔ̃.+ 7 Nyateƒee, míewɔ nu gbegblẽ ɖe ŋuwò,+ eye míelé sedede kple ɖoɖo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo nède asi na wò subɔla Mose la me ɖe asi o.+ 8 \"Meɖe kuku, ɖo ŋu nya si nègblɔ na* wò subɔla Mose be: 'Ne miewɔ nuteƒe o la, ekema nye hã maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome.+ 9 Ke ne mietrɔ ɖe ŋunye, eye mielé nye sededewo me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema ne mieka hlẽ ɖe keke dziƒowo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu+ tso afi ma, eye makplɔ mi ava teƒe si metia be nye ŋkɔ nanɔ la.'+ 10 Wò subɔlawo kple wò dukɔ wonye, ame siwo nèɖe kple wò ŋusẽ gã kpakple wò alɔ sesẽ.+ 11 O, Yehowa, meɖe kuku, ƒu to anyi ɖe wò subɔla ƒe gbedodoɖa kple wò subɔla siwo wòdzɔa dzi na be yewoavɔ̃ wò ŋkɔ la ƒe gbedodoɖa ŋu, eye na wòadze edzi na wò subɔla egbea dzro, eye na ŋutsu sia nave nunye.\"+ Ɣemaɣi la, fia ƒe ahakulae menye.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Yah Ye Faa Akɔ Na Ame.\"\n^ Alo, \"Susa.\"\n^ Alo, \"fiasã.\"\n^ Alo, \"ɖo ŋku nuxlɔ̃ame si nèna.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/nehemiya\/1\/","date":"2021-06-18T15:59:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487637721.34\/warc\/CC-MAIN-20210618134943-20210618164943-00409.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997602105,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997602105140686}","num_words":384,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Nàwɔ Anɔ Dedie le Dɔwɔƒe\nTOGBƆ be wowɔ sewo be wòaɖe afɔku siwo dzɔna le dɔwɔƒewo dzi akpɔtɔ hã la, nuveviwɔamewo kple alesi amewo kunae ganye kuxi gã aɖe kokoko. Ekema edze kɔte be, sewo wɔwɔ ɖe dɔwɔwɔ ŋu ɖeɖe mate ŋu ana dɔwɔƒewo nanɔ dedie o. Ele be dɔtɔwo kple dɔwɔlawo naɖoe wo ɖokui dzi awɔ afɔɖeɖe aɖe atsɔ akpɔ wo ɖokui kple ame bubuwo tae.\nEyata ehiã be amesiwo katã le dɔwɔƒewo nagbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe woƒe dɔwɔƒea kple nuwɔnawo ŋu nyuie ŋuɖɔɖotɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèlé ŋku ɖe eŋu kpɔ be miaƒe dɔwɔƒea le dediea? Ðe miezãa aɖinuwoa? Ne aleae wòle la, ɖe nane li nètsɔ kpɔa ɖokuiwò ta bliboea? Ðe nu tena ɖe dziwò ɣesiaɣia? Ðe nèlɔ̃na wɔa dɔ siwo me woŋea aɖaba ƒua sededewo dzi alo afisiwo wowɔa dɔ gaƒoƒo geɖe wu esi ŋu se ɖe mɔ le laa?\nNya siawo tɔgbe ŋuɖoɖo aɖe alesi gbegbe nèle dedie le dɔwɔƒe afia.\nŊudzɔnɔnɔ na Afɔkuwo\nAgbagbadzedze be woawɔ dɔ si ƒe ɖoɖowɔɖi mede ame dzi o ate ŋu ahe afɔku vɛ. Esi Nufialagã Lawson Savery si le Curtin Yunivɛsiti le Australia kple numekula aɖe lé ŋku ɖe numekuku aɖe si wowɔ le dɔwɔla miliɔn 3.6 kple dɔwɔƒe 37,200 ŋu megbe la, wota numekugbalẽ aɖe si ƒe tanya enye \"Long Hours at Work: Are They Dangerous and Do People Consent to Them?\" (Dɔwɔwɔ Gaƒoƒo Geɖe: Ðe Afɔku Le Emea eye Ðe Amewo Lɔ̃ Ðe Edzia?) Ne woagblɔe tututu la, nyabiabia evea siaa ƒe ŋuɖoɖo enye ẽ.\nLe nyateƒe me la, dɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi tena mete ŋu wɔa dɔ bliboe o eye wowɔa vodada geɖe wu. Nufialagã Savery gblɔ abe alesi Australia-nyadzɔdzɔgbalẽ The Sun-Herald ka eta ene be: \"Dɔwɔƒe geɖe dea dzi ƒo be woawɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe eye woléa ŋku ɖe dɔwɔla siwo wɔa dɔ madzudzɔmadzudzɔe ŋu vevie heɖoa eteƒe na wo.\" Emetsonuwo te ŋu gblẽa nu vevie. Ðewohĩ kuxi sia mebɔ le teƒe aɖeke wu ʋudɔwɔlawo dome o, afisi wote ŋu dea dzi ƒo na wo alo zia wo dzi le gɔ̃ hã be woaku ʋu gaƒoƒo geɖe gbɔɖeme manɔmee—si nye se dzi dada le dukɔ aɖewo me.\nNu bubu si hea afɔku vɛ enye fɔmalémalé ɖe dɔ ŋu, si ƒe ɖewo ate ŋu anye numawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu kple numawɔmawɔ le dzadzɛnyenye me. Dɔwɔnuwo gbegblẽ ɖe anyigba nyamanyama alo elektrik-ka siwo me dzo le gbegblẽ ɖi nenema, te ŋu hea afɔkuwo vɛ zi geɖe, eye ewua ame gɔ̃ hã. Alea ke wòdzɔnae ne woŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃amenyawo dzi ne wole dɔwɔnu kple mɔ̃ siwo zãa elektrikŋusẽ ŋudɔ wɔm. Nu bubu si ganaa nuvevi wɔa ame alo wua ame enye be woagblẽ ami siwo kɔ ɖe anyigba ɖi si womatutui o—vevietɔ esiwo nye aɖinuwo. Nuvevi wɔ dɔwɔla geɖe esime woɖiɖi le anyigba si dzi ami alo tsi kɔ ɖo. Eyata woate ŋu agblɔ be dɔnyuiwɔwɔ ƒe se gbãtɔ enye be woawɔ nu le dzadzɛnyenye me kple ɖe ɖoɖo nu.\nKe hã, ewɔna na ame geɖe be yewoaŋe aɖaba aƒu ɖokuitakpɔsewo dzi. Magazine si nye Monthly Labor Review gblɔ be: \"Dɔ ƒe kɔlili ɖi ate ŋu ana woabui be mɔ kpuiwo dzi toto le vevie be woate ŋu awu dɔ nu ɖe ɣeyiɣi dzi.\" Eyata ame aɖe abu ɖokuitakpɔse be, 'Afɔku aɖeke medzɔ kpɔ esi nyemewɔ edzi o.' Esi adzɔnuwɔƒe dzikpɔla kpɔnuteƒe aɖe nɔ nu ƒom tso nya sia ƒe vevienyenye ŋu la, egblɔ be: \"Nu vloetɔ kekeake si nàte ŋu awɔ le dɔ me enye be nàgbe wɔwɔ ɖe ɖokuitakpɔsewo dzi ahato eme ado vɔ̃ aɖeke madzɔmadzɔe!\" Nukatae? Elabena ekplɔa ame dea kakaɖeameɖokuidzi akpa kple fɔmalémaléɖenuŋu me, si hea afɔku siwo lolo wu vanɛ.\nWoƒoa nu le Chernobyl-mɔ̃ si wó le Ukraine le ƒe 1986 me ŋu zi geɖe be \"enye xexeame katã ƒe nukliafɔku dziŋɔtɔ kekeake.\" Nukae hee vɛ? Afɔkua ŋuti nyatakaka aɖe yɔ \"mɔ̃a zazã ŋumaɖɔɖotɔe\" kple \"ɖokuitakpɔsewo dzi dada enuenu.\"\nDɔtɔ kple dɔwɔla ate ŋu ado alɔ wo nɔewo le ŋkuléle ɖe nusiwo ate ŋu ahe afɔku vɛ ŋu me. Biblia me lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: \"Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.\" (Lododowo 22:3) Ẽ, nunyala kpɔa nusi me afɔku ate ŋu anɔ la dzea sii eye wòdia mɔ siwo nu wòakpɔ eɖokui kple ame bubuwo ta le.\nNe dɔtɔwo wɔ esia la, eɖea vi na woa kple woƒe dɔwɔlawo siaa. Le kpɔɖeŋu me, adzɔha aɖe si gbugbɔ trɔ asi le woƒe dɔwɔƒe ŋu be woaƒo asa na \"xɔ siwo me aɖiyawo le\" kpɔ be mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi dɔa kpɔ dzidziɖedzi eye dɔwɔlawo ƒe dzi dze eme wu wòɖe dzesi o. Wokpɔ hã be amesiwo mevaa dɔme o le dɔléle ta dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Menye ɖeko ame bubuwo ƒe lãmesẽ ŋu bubu alea naa nɔnɔmea dea dɔtɔ kple dɔwɔlawo dzi ko evɔ o, ke boŋ abe alesi míekpɔe le go sia me ene la, ete ŋu dea ame dzi le ganyawo hã gome.\nAbe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, nuvlowɔwɔ va bɔ ɖe dɔwɔƒewo. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta?\nAfɔ Siwo Nàte Ŋu Aɖe\nWokpɔe be masɔmasɔ suesue siwo doa mo ɖa le dɔwɔlawo dome le dɔwɔƒe te ŋu yia ŋgɔ va zua nya gã. Agbalẽ si nye Harvard Business Review na nuxlɔ̃ame dedzigbɔname sia be: \"Be nàlé ŋutasẽnuwɔnawo nu le dɔwɔƒe la, nyae be zi geɖe la, amesiwo wɔa nu adãtɔe le nya suesuewo me yia edzi wɔa esiwo vloe wu.\"\nManye be ɖe nyɔnu aɖe ɖoe be yeahe hatidɔwɔlawo ƒe susu va ye ɖokui dzi o, gake ne eƒe awudodo, nuƒoƒo, kple nɔnɔmewo meɖe ameŋububu fia o la, amewo abui agbegbegblẽnɔla. Le egbeŋkekewo me la, nuwɔna siwo womeɖo be wòahe amewo ƒe susu ayi nuwɔna gbegblẽ aɖeke dzi o la va hea kuxi gãwo vanɛ ɣeaɖewoɣi, siwo ƒe ɖee nye xadede ɖi be woawɔ nuvevi ame, amegbɔdɔdɔ sesẽe, alo amewuwu gɔ̃ hã. Eyata nɔ ŋudzɔ ɖe alesi wò awudodowo kple agbenɔnɔ wɔa dɔ ɖe ame bubuwo dzii ŋu. Wɔ ɖe Biblia me nuxlɔ̃amenya sia dzi be: 'Do awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye wɔ leke na ɖokuiwò le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.'—Timoteo I, 2:9.\nMonthly Labor Review de dzesi nɔnɔme bubu si me afɔku ate ŋu anɔ eye wògblɔ be: \"Amewo va le dzi tsim ɖe dɔwɔla siwo ɖeɖe wɔa dɔ le zã me le teƒe siwo sa ɖe aga la ŋu.\" Eyata bu eŋu kpɔ: Ðe nunya le eme ŋutɔŋutɔ be woaxɔ dɔ si me woate ŋu awɔ nuvevi ame vevietɔ ne wònye ame ɖeka koe wɔa dɔa le zã mea? Ðe wòsɔ be woade agbe afɔku me ɖe fetu si wòaxɔ ta?\nEle vevie hã be míabu alesi míewɔa nu ɖe dzikudoname kple ŋutasẽnu si hatidɔwɔla siwo dzi nu te ɖo wɔna la ŋu. Nukae woate ŋu awɔ be woatsɔ alé nɔnɔme si me afɔku ate ŋu anɔ la nu? Biblia me lododo aɖe xlɔ̃ nu be: \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.\" (Lododowo 15:1) Ẽ, ne èkpɔa nya gbɔ le tufafa kple bubu me la, ana nàɖe dzi ɖi eye nàƒo asa na dzrewɔwɔ.\nDzikudodo na ame kple ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ le egbeŋkekea me le afisi woyɔa ʋu ɖe ame nu le dɔwɔƒewo. Togbɔ be adze abe mía ŋue woɖoe ɖo hã la, nu ko wɔm amea le ɖe nuteɖeamedzi kple dziɖeleameƒo nu. Anye nuɖiɖeamee na míenɔ afima le gaƒoƒo ma dzi. Eyata alesi míewɔa nu ɖe enui le vevie ŋutɔ. Ate ŋu afa nɔnɔmea nu alo ana wòanyra ɖe edzi.\nGake ɖewohĩ ate ŋu anye hã be susu aɖe tae amea buna le eɖokui me nenema. Agbalẽ si nye Resolving Conflicts at Work gblɔ be: \"Ne nane do dziku na mí la, . . . ƒã hafi míeɖea nusi le dzi me na mí gblɔna bliboe.\" Nukae ate ana nu nate ɖe ame dzi? Agbalẽa yi dzi gblɔ be: \"Nya si le dzi dzi na mí ate ŋu ana míatɔtɔ alo nu nate ɖe mía dzi, eye wòana míasusu be naneke meli míagate ŋu awɔ tsɔ wu be míawɔ avu o.\"\nNukae nye egbɔkpɔnu? TOLÉLE ÐE NYA ŊU! Agbalẽ si míeyɔ va yi gblɔ be: \"Ne míelé to ɖe mía kple amesiwo dome nya dzɔ ɖo ŋu nyuie la, míaƒe seselelãmea nu ate ŋu afa be míawɔ dzre o eye míake ɖe egbɔkpɔnu ŋu.\" Esia nye mɔ nyui aɖe si nu woato atsi dziku kple masɔmasɔ nu be wòagazu dzre o.\nEyata kpɔ egbɔ le mɔ si sɔ nu be nuwo nanɔ dedie. Esia ƒe ɖewoe nye ŋudzɔnɔnɔ vevie ɖe mia gbɔ dedienɔnɔ mɔfiamewo dzi wɔwɔ ŋu. Esia dzi wɔwɔ le vevie be dɔwɔƒea nanɔ dedie.\nNyateƒee wònye be míaƒe nɔnɔme ku ɖe agbenɔnɔ, dɔwɔwɔ, kple ɖiɖiɖeme ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dɔ si míetiana be míawɔ kple alesi míebua dedienɔnɔe dzi. Nyati si kplɔe ɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyuiwo le go sia me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nDzra afisi ami kɔ ɖo la ɖo pɛpɛpɛ\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nNyaŋuɖoɖo fafɛ ate ŋu atsi dziku nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/Alesi-N%C3%A0w%C9%94-An%C9%94-Dedie-le-D%C9%94w%C9%94%C6%92e\/","date":"2021-06-22T12:08:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488517048.78\/warc\/CC-MAIN-20210622093910-20210622123910-00299.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988032579,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988032579421997}","num_words":1484,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anyize aɖe si xɔ ƒe 3,000, si ƒe kakɛwo ŋu woke ɖo le to me le ƒe 2012 me la va nye nu si ŋu numekulawo trɔ woƒe susu ɖo vevie nyitsɔ laa. Nu kae ɖe dzesi le nu si ŋu woke ɖo la ŋu? Menye ze la ƒe kakɛawo ŋutɔwoe nye nu siwo ɖe dzesi o, ke boŋ nu si woŋlɔ ɖe wo dzi lae.\nEsi blemaduwo nɔƒe kulawo te ŋu fɔ zea ƒe kakɛawo tsiã wòzu ze blibo azɔ la, wote ŋu xlẽ blema Kanaantɔwo ƒe asinuŋɔŋlɔ si le edzi. Nu si woŋlɔ ɖe edzie nye: \"Esbaal Ben Beda,\" si fia \"Beda [viŋutsu] Esbaal.\" Esiae nye zi gbãtɔ si blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe ŋkɔ sia ŋu le blemanuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe nu dzi me.\nLe nyateƒe me la, woyɔ Esbaal bubu aɖe hã le Biblia me—eyae nye Fia Saul viŋutsuwo dometɔ ɖeka. (1 Kron. 8:33; 9:39) Numekulagã Yosef Garfinkel, si hã kpɔ gome le zea ƒe kakɛawo kuku le toa me me la, gblɔ be: \"Enyo ŋutɔ be míade dzesii be ŋkɔ Esbaal dze le Biblia me, eye ŋkɔ sia va le blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe nudzraɖoƒe hã azɔ, eye wonye ŋkɔ siwo wozã le Fia David ƒe dziɖuɣi ko.\" Ame aɖewo susu be ɣemaɣi koŋue wozã ŋkɔ ma. Esia hã ganye kpeɖodzi bubu be nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la ɖo kpe Biblia me nyawo dzi.\nLe Biblia ƒe akpa bubu la, woyɔ ŋkɔ Esbaal be Is-Boset, si me wotsɔ \"boset\" ɖɔ li \"baal\" le. (2 Sam. 2:10) Nu ka tae? Numekulawo ɖe eme be: \"Le Samuel ƒe agbalẽ evelia me la, edze abe nuŋlɔlaa medi be yeazã Esbaal, si he susu yi Kanaantɔwo ƒe ahom mawu Baal dzi o ene, ke hã, ŋkɔa ŋutɔŋutɔ . . . dze le Kronika Ƒe Agbalẽawo me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2017\/biblia-me-%C5%8Bk%C9%94-le-blema-anyize-%C5%8Bu\/","date":"2021-06-24T18:40:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488556482.89\/warc\/CC-MAIN-20210624171713-20210624201713-00229.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981842041,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981842041015625}","num_words":291,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"EMERALD ƑUKPO\" nye du eve ƒokpli: Lolotɔe nye Republic of Ireland, si nye dukɔ nɔɖokuisi eye suetɔe nye Northern Ireland, si le United Kingdom (Royaume-Uni).\nWoyɔa Ireland be Emerald Ƒukpo elabena tsi dzana le afi sia ale gbegbe be gbe deamawo bɔ ɖe eƒe kɔƒenutowo me. Tá kple tɔsisi nyakpɔwo kple ƒutakponyigbawo kple togbɛ dzekpodzeʋewo na be dua ganya kpɔna ɖe edzi.\nIrelandtɔwo to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be tso ƒe 1845 va se ɖe ƒe 1851 me la, dɔ wu ame siwo ade miliɔn ɖeka woku esi dɔ vɔ̃ gblẽ woƒe nagotegblewo dome. Wo dometɔ geɖe ʋu yi ɖatsi Australia, Britain, Canada kple United States ale be woasi le ahedada kolikoli nu. Egbea la, Amerikatɔ siwo ade miliɔn 35 gblɔna be Irelandtɔwoe yewo tɔgbuiwo nye.\nIrelandtɔwo doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa amedzro. Woƒe modzakaɖeɖe vevitɔwo dometɔ aɖewoe nye sɔdodo kple kamedefefe siwo nye cricket, rugby, afɔbɔl kpakple Gaelic football. Woƒe nyɔnuwo ƒoa camogie, si nye kamedefefe ƒomevi aɖe.\nIrelandtɔwo lɔ̃a dzeɖoɖo kple hadzidzi. Amewo nya woƒe ɣeɖuɖu xɔŋkɔ si woyɔna be step dance le xexea me godoo. Ɣeɖulawo dzɔna kã eye wonɔa woƒe afɔwo ɖem kabakaba wòsɔna ɖe edzi pɛpɛpɛ.\nYehowa Ðasefowo le Ireland ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia. Egbea la, Ðasefo siwo le du sia me la wu 6,000 eye wole Biblia fiam amewo kutrikukutɔe.\nÈNYAA?\nKpo Gã si le Northern Ireland ƒe dzieheƒuta la nye kpe sesẽ yibɔ tsrala akpe geɖewo, blemadzotowo ƒe loló siwo si va ɖo atsiaƒu me hefa ye zu kpe siawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201407\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-ireland\/","date":"2021-06-22T03:03:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488504969.64\/warc\/CC-MAIN-20210622002655-20210622032655-00435.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983584881,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983584880828857}","num_words":252,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David ƒe ha. Maskil.* 32 Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke, ame si ƒe nu vɔ̃ dzi wotsyɔ nui.*+ 2 Dzidzɔtɔe nye ame si Yehowa mebua vodada na o,+Ame si me beble aɖeke mele o. 3 Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke bliboa na nye ƒuwo nyunyɔ.+ 4 Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye*+ zã kple keli. Ŋusẽ vɔ le menye keŋ* abe ale si dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã noa tsii ene. (Sela) 5 Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò mlɔeba;Nyemetsyɔ nu nye vodada dzi o.+ Megblɔ be: \"Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa.\"+ Eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem.+ (Sela) 6 Esia ta nuteƒewɔlawo katã ado gbe ɖa na wò,+Zi ale si woate ŋu akpɔ wò ko.+ Ekema tsiɖɔɖɔwo gɔ̃ hã made wo gbɔ o. 7 Bebeƒe nènye nam;Àkpɔ tanye tso xaxa me.+ Àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso aƒo xlãm.+ (Sela) 8 \"Mana gɔmesese deto nasu asiwò, eye mafia mɔ si nàto la wò.+ Nye ŋku anɔ ŋuwò eye maɖo aɖaŋu na wò.+ 9 Miganɔ abe sɔ alo tedzisɔ si nunya mele tagbɔ na o,+Si wòle be woatsɔ ka kple numega amla,Hafi wòate ɖe ame ŋu la ene o.\" 10 Ame vɔ̃ɖi ƒe vevesesewo sɔa gbɔ;Ke ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ya la, eƒe amenuveve ƒoa xlãe.+ 11 Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu eye mitso aseye;Mi dzi dzɔdzɔe tɔwo katã, migli kple dzidzɔ.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ame si ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke.\"\n^ Alo, \"Mèkpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye o.\"\n^ Alo, \"Nye lãmetsi no.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/32\/","date":"2021-06-23T12:25:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488538041.86\/warc\/CC-MAIN-20210623103524-20210623133524-00485.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982404113,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982404112815857}","num_words":243,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amekae Ahe Ŋutifafa Mavɔ Vɛ?\nNUKATAE Mawu meɖo ŋutifafa gbe siwo xexeame ƒe subɔsubɔha vovovoawo kplɔlawo do ɖa ŋu o? Eƒe ŋuɖoɖo ʋãme aɖe le Biblia me. Menye ɖe Mawu metsɔ ɖeke le ŋutifafa ƒe nya me o—elɔ̃ ŋutifafa vevie wu subɔsubɔhakplɔla siwo doa gbe ɖa bianɛ gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, Mawu wɔ ɖoɖo tɔxɛwo ɖe ŋutifafa hehe va xexeame ŋu xoxo. Ewɔ afɔɖeɖe veviwo hã ɖe taɖodzinu ma ŋu xoxo. Egblɔ eƒe tameɖoɖowo na ameƒomea wo me kɔ ƒã. Gake nublanuitɔe la, xexeame ƒe subɔsubɔhawo ŋe aɖaba ƒu nusi Mawu gblɔ ƒe akpa gãtɔ dzi.\nGbaɖegbe kee Mawu do \"dzidzimevi,\" si nye dziɖula, ƒe ŋugbe, amesi Biblia ɖɔ, hegblɔ nya geɖe ku ɖe amesi nye ge wòala ŋu. (Mose I, 3:15; 22:18; 49:10) Nyagblɔɖila Yesaya, si wonya nyuie ɖe eƒe Mesia ŋuti nyagblɔɖi ɖedzesiwo gbɔgblɔ ɖi ta, ŋlɔ ku ɖe Kplɔla si ƒe ŋugbe wodo ŋu be anye \"Ŋutifafafia\" ɖe anyigba dzi eye \"seɖoƒe manɔe na ŋutifafa\" le eƒe dziɖuɖu te o. (Yesaya 9:6, 7) Esi wònye Dziɖula si le dziƒo ta la, ade nu amegbetɔ ƒe nya me eye wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ ahatrɔ anyigba wòazu paradiso, si me madzɔmadzɔnyenye, dɔléle, hiãkame, alo ku manɔ o. Ŋutifafa kple agbe mavɔ nɔnɔ anɔ anyi tegbee. (Psalmo 72:3, 7, 16; Yesaya 33:24; 35:5, 6; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:4) Ɣekaɣie esia ava eme?\nXexeame ƒe Ŋutifafa Tu Aƒe\nYesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo ʋuʋua xexeame adzɔ le ɣeyiɣi ma ke me ado ŋgɔ na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu kple ameƒome yeye aɖe ƒe gɔmedzedze. (Mateo 24:3, 7-13) Nudzɔdzɔ siawo dometɔ geɖe—siwo nye aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, kple bubuawo—dzɔ enuenu le ɣeɣiɣi vovovo siwo va yi me. Gake wo katã medzɔ kpɔ le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me le xexeame godoo hegblẽ nu le amegbetɔwo ŋu abe alesi wòle dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣi sia me ene o. Eye afɔku mawo ƒe nugblẽƒe dea ŋgɔ sasasã fifia wu alesi wònɔ tsã elabena amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi wu.\nNudzɔdzɔ bubu si ŋu Biblia gblɔ nya ɖi le enye alesi amegbetɔwo le woƒe nutoa me gblẽm fifia. (Nyaɖeɖefia 11:18) Gakpe ɖe eŋu la, ele be woawɔ xexeame katã ƒe nuxlɔ̃amedɔ aɖe, si nye gbeƒãɖeɖe \"fiaɖuƒeŋutinya nyui\" ade goe hafi nuwuwu si wogblɔ ɖi la nava. Egbea la, Yehowa Ðasefowo le xexeame katã ƒe dɔ sia wɔm.—Mateo 24:14.\nNyagblɔɖi mawo ƒe emevava nye nyanyui na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo. Xexe yeye si me ŋutifafa blibo anɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi la tu aƒe! Esia naa kakaɖedzi mí be fuléle kple ŋɔdzinuwɔwɔ nu ayi keŋkeŋ mlɔeba. Biblia la gblɔ be: \"Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.\"—Yesaya 11:9.\nGbedodoɖa Siwo Mawu Sena\nGbedodoɖa na Mawu menye nuwɔna gbɔlo aɖe alo kɔnu dzro aɖe ko o. Woyɔ Yehowa le Biblia me be 'Gbedodoɖasela.' (Psalmo 65:3) Eyata eɖoa to dzianukwaretɔwo ƒe gbedodoɖa gbogbo siwo wodona ɖa le anyigba dzi le ɣeɣiɣi ɖeka ma ke me. Ekema ɖe nudidi aɖewo li siwo gbɔ wòle be woaɖo hafi woase míaƒe gbedodoɖawoa? Biblia la gblɔ be ele be dzianukwaretɔ siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒewo tso Mawu ŋu nawɔ ɖe wo dzi, eye woazu \"nyateƒegbedoɖalawo,\" siwo subɔnɛ le \"gbɔgbɔ kple nyateƒe me.\" (Yohanes 4:23) Meɖoa to amesiwo mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu o: \"Amesi ɖe to ɖa, be yemase [Mawu ƒe] se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.\"—Lododowo 28:9.\nNublanuitɔe la, subɔsubɔhakplɔla geɖewo mefia nu ku ɖe tame si Mawu ɖo be yeahe ŋutifafa vɛ ŋu alo doa gbe ɖa bianɛ o. Ke boŋ wodoa gbe ɖa ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ta be woakpɔ kuxi mawo gbɔ, esime Mawu ƒe Nya la gblɔ eme kɔ ƒã be, \"amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.\"—Yeremya 10:23.\nWogblɔe ɖi be \"le ŋkeke mlɔeawo me,\" si nye míaƒe ɣeyiɣia me la, ŋutifafalɔ̃lawo aɖo ta kpɔɖeŋu \"Yehowa ƒe aƒe ƒe to\"—si nye tadedeagu vavãtɔ la gbɔ. Amesiawo awɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me: \"Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.\"—Yesaya 2:2-4.\nÐe subɔsubɔha aɖe li egbea si le agbagba dzem be yeanɔ agbe ɖe nya mawo nua? Alo ɖeko subɔsubɔhawo katã ƒoa nu tso ŋutifafa ŋu eye wogakpɔtɔ dea aʋawɔwɔ dzia? Ne ègado go Yehowa Ðasefowo ake la, míekpe wò be nàna woadzro nya siwo ku ɖe ŋutifafa ŋu me kpli wò be nànya subɔsubɔha si le nu fiam amewo be woanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021108\/Amekae-Ahe-%C5%8Autifafa-Mav%C9%94-V%C9%9B\/","date":"2021-06-19T07:02:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487643703.56\/warc\/CC-MAIN-20210619051239-20210619081239-00623.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985739589,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985739588737488}","num_words":757,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 1 va se ɖe 28, 2014 la le tata sia me.\nYehowa to nubabla vovovo ade dzi ɖo kpe edzi be yeƒe Fiaɖuƒea ana be yeƒe tameɖoɖo nava eme. Aleke nubabla siawo ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔsee?\nNubabla adeawo ƒe etɔ̃ mamlɛtɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi ahaɖe gbeƒã eŋuti nya nyuia na amewo.\nNu kae ʋãa ame siwo subɔa Yehowa be wometina woawo ŋutɔwo ƒe nudidiwo yome gbã o?\nNu ka tae wòle be ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi la ƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo ŋu? Aleke woate ŋu awɔ esiae?\nAGBEMEŊUTINYA\nMildred Olson le Yehowa subɔm ƒe 75 kple edzivɔwoe nye esia, eye ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le El Salvador ƒe 29 kloe. Nu kae nana wòsena le eɖokui me be wɔna mevɔ le ye ŋu o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20141015\/","date":"2021-06-15T12:11:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621273.31\/warc\/CC-MAIN-20210615114909-20210615144909-00507.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967921972,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996792197227478}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe dziɖuɖu ɖeka aɖe ava ɖu anyigbaa katã dzi gbe ɖeka?\nNe dziɖuɖu ɖeka aɖee le anyigbaa dzi ɖum la, wò ya bu ale si wòaɖe vi na ameƒomeae ŋu kpɔ. Ame geɖe le fu kpem egbea le esi woda ahe kolikoli ta, evɔ kesinɔnuwo bɔ ɖe ame bubuwo ya si. Gake ne dziɖuɖu si aɖu anyigbaa katã dzi la ƒe dziɖulawo sea veve ɖe ame nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ amegbetɔwo katã ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Èsusu be amegbetɔwo ate ŋu aɖo dziɖuɖu sia tɔgbi anyia?—Xlẽ Yeremiya 10:23.\nLe ŋutinya katã me la, dziɖuɖu ɖe sia ɖe do kpo nu le mɔ geɖe nu; womete ŋu kpɔ wo teviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo o, vevitɔ ame dahewo. Bubuwo hã wɔ nu ŋutasesẽtɔe. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Gake Mawu Ŋusẽkatãtɔ la do ŋugbe be yeaɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si ava xɔ ɖe dziɖuɖuwo katã teƒe. Fiaɖuƒe sia ƒe Fia alé be na eteviwo lɔlɔ̃tɔe.—Xlẽ Yesaya 11:4; Daniel 2:44.\nNu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ na amewo?\nYehowa Mawu ŋutɔ tia ame si dze be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia—eyae nye Via, Yesu. (Luka 1:31-33) Esi Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ekpena ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi. Esi wòzu Fia azɔ la, ana dukɔwo katã me tɔwo nawɔ ɖeka, eye wòakpɔ egbɔ be ame aɖeke magakpe fu azɔ o.—Xlẽ Psalmo 72:8, 12-14.\nÐe ame sia ame alɔ̃ be Yesu nanye anyigba bliboa ƒe Fia? Ao. Ke hã Yehowa le wɔwɔm blewu. (2 Petro 3:9) Ele mɔnukpɔkpɔ nam ame sia ame be wòaxɔ Yesu Fia la. Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa eye wòana ŋutifafa kple dedienɔnɔ naxɔ aƒe ɖe anyigbaa katã dzi.—Xlẽ Mixa 4:3, 4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150201\/dzi%C9%96u%C9%96u-si-a%C9%96u-anyigba-dzi\/","date":"2021-06-18T00:12:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487634576.73\/warc\/CC-MAIN-20210617222646-20210618012646-00365.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978555441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997855544090271}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ɖeɖe Si Me Lɔlɔ̃ Mele O ƒe Mɔ̃ Ðe Wo\n\"Le amegbetɔƒome si me srɔ̃gbegbe bɔ ɖo me la, menye ɖeko srɔ̃ɖeɖe siwo me dzidzɔ mele o dometɔ geɖe me ava gblẽ ko o, ke srɔ̃ɖeɖe geɖe wu ava nye esiwo me dzidzɔ manɔ o.\"—ƑOMEŊUTIÐAŊUÐOHA LE AMERIKA.\nWOGBLƆ be agbe me dzidzɔkpɔkpɔ kple fukpekpe siaa ƒe akpa gãtɔ tsoa teƒe ɖeka ma ke—ame ƒe srɔ̃ɖeɖe me. Nyateƒee, agbe me nu ʋɛ aɖewo koe te ŋu hea dzidzɔ vɛ—alo hea nuxaxa vɛ de enu. Abe alesi aɖaka si kpe ɖe eŋu ɖee fiae ene la, srɔ̃tɔ geɖe ŋutɔ va le nu xam wu alesi dze.\nGake kuxia ƒe akpa aɖe koe srɔ̃gbegbe ŋuti kɔntabubuwo ɖena fiana. Ne srɔ̃ɖeɖe ɖeka do kpo nu la, bubu geɖe ya nɔa te gake kuxiwo doa agbogbo ɖe wo me. Nyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 30 kple edzivɔ lɔ̃ ɖe edzi be: \"Míenye ƒome kpɔdzidzɔ tsã, gake ƒe 12 siwo va yi dzi ŋɔ ale gbegbe. Srɔ̃nye metsɔa ɖeke le nye seselelãmewo me o. Le nyateƒe me la, eyae nye nye futɔ gãtɔ kekeake le seselelãmenyawo gome.\" Nenema ke srɔ̃ŋutsu aɖe si nye srɔ̃tɔ ƒe 25 kloe fa konyi be: \"Srɔ̃nye gblɔ nam be yemegalɔ̃m o. Egblɔ be ne míate ŋu anɔ anyi anye xɔɖekamenɔlawo ko eye amesiame awɔ nusi dze eŋu le vovoɣiwo zazã gome la, nɔnɔmeawo ade mía dzi wu.\"\nNyateƒee, ame aɖewo siwo le nɔnɔme wɔnublanui sia me la dometɔ aɖewo gbe wo nɔewo. Gake le ame geɖe gome la, womebua srɔ̃gbegbe ŋu o. Nukatae? Ðk. Karen Kayser gblɔ be, nuwo abe ɖeviwo, nutome ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, ganyawo, xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple subɔsubɔdzixɔsewo ate ŋu alé srɔ̃tɔwo ɖe wo nɔewo ŋu, ne wo dome megale vivim o gɔ̃ hã. Egblɔ be: \"Esi srɔ̃tɔ siawo mate ŋu agbe wo nɔewo le se nu o ta la, wonɔa anyi ɖekae gake hegbe wo nɔewo le seselelãme gome.\"\nÐe wòle be srɔ̃tɔ siwo dome megale vivim o nade wo ɖokui agbenɔnɔ si me dzidzeme mele o mea? Ðe ame nɔewo gbegbe nye nusi ko woate ŋu awɔ tso srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o ŋua? Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be woate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe geɖe siwo me kuxiwo le ta—menye tso vevesese si srɔ̃gbegbe ahe vɛ ko me o ke tso lɔlɔ̃maɖemaɖefia ƒe nɔnɔme wɔnublanui hã me.\n[Aɖaka si le axa 3]\nSRƆ̃GBEGBE LE XEXEAME GODOO\n• Australia: Srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene kloe tso ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze.\n• Britain: Wobu akɔnta be srɔ̃tɔ 10 ɖesiaɖe dometɔ 4 agbe wo nɔewo.\n• Canada kple Japan: Srɔ̃gbegbe gblẽa srɔ̃ɖeɖe etɔ̃ ɖesiaɖe dometɔ ɖeka dome.\n• United States: Tso ƒe 1970 me la, kakaɖedzi gobii aɖeke mele amesiwo le srɔ̃ ɖem si be yewoanɔ anyi ɖekae wòadidi o.\n• Zimbabwe: Srɔ̃tɔ 5 ɖesiaɖe dometɔ 2 gbea wo nɔewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010108\/Sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-Si-Me-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Mele-O-%C6%92e-M%C9%94%CC%83-%C3%90e-Wo\/","date":"2021-06-25T11:03:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630081.36\/warc\/CC-MAIN-20210625085140-20210625115140-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995033741,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995033740997314}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 467\nStanza 1\nNe mebu dziƒohadziha gã\nSi le fiazikpui ŋgɔ la ŋu,\nWole Mawu kple Alẽvi la\nƑe kafukafuha dzim ɖaa,\nNye dzi dina be masee ɖa,\nNu si mexɔ se yae makpɔ.\nStanza 2\nHenɔ 'lafa 've blanyi-vɔ-nyi\nSalomo ɖo gbedoxɔ me;\nKe dzɔdzɔetɔwo ƒe gbɔgbɔwo\nAsɔ gbɔ 'ye woanyo wu sã!\nNe hadzidzi ma vivi la,\nKem dziƒotɔ avivi wu.\nStanza 3\nWo katã wole kasaŋku ƒom,\nƐ̃, Mawu ƒe kasaŋkuwoe.\nWotsɔ woƒe fiakukuwo ɖo,\nAlẽvi la ƒe afɔ nu.\nNe meɣlẽ 'sia, nye dzi dina\nBe, nye hã mava nɔ 'fi ma!\nStanza 4\n'Ya ta metsɔ nye aɖatsiwo\nLe ha dzim na Mawu l'a-fii;\nGb'a-ɖe gbe Mawu atia nye hã\nÐe henɔ kɔkɔe mawo me.\nEkem madzi Haleluya\nAkpeakpe le mavɔa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-467\/","date":"2021-09-23T17:14:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00382.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992104173,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992104172706604}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hadzidzi. Kora viwo ƒe ha.+ Na henɔ la; ɖe Mahalat* ƒe atsyã nu, ne wòanye ha si woaxe. Ezrahitɔ Heman+ ƒe Maskil.* 88 Oo Yehowa, Mawu, nye xɔnametɔ,+Medo ɣli na wò le ŋkeke me,Eye medo ɖe ŋkuwòme le zã me.+ 2 Na nye gbedodoɖa neɖo gbɔwò,+Eye nàƒu to anyi ɖe* nye kokoƒoƒo ŋu.+ 3 Elabena nye luʋɔ* kpɔ vɔ̃ geɖe teƒe,+Eye nye agbe gogo Tsiẽƒe.*+ 4 Wobum ɖe yɔmeyilawo dome;+Mezu ame si ŋu wɔna vɔ le,*+ 5 Wogblẽm ɖe kukuawo domeAbe ame tsiaʋa siwo le yɔdo me ene,Abe ame siwo dzi mègaɖo ŋkui o,Siwo woɖe ɖa le wò dzikpɔkpɔ te* la ene. 6 Ètsɔm de do goglotɔ me,Le viviti me, le aʋli gã aɖe me. 7 Wò dziku nu sẽ ɖe dzinye,+Eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tem ɖe to. (Sela) 8 Èna nye ame nyanyɛwo ka hlẽ le ŋunye;+Èna mele ŋu nyɔm na wo. Mele ga me, eye dodo meli nam o. 9 Nu te nye ŋkuwo ŋu le nye xaxawo ta.+ Oo Yehowa, meyɔa wò ŋkeke bliboa;+Meke nye abɔwo me na wò. 10 Ðe nàwɔ nukunuwo na ame siwo ku laa? Kukuawo, ame siwo ŋu ŋusẽ aɖeke megale o lae afɔ akafu wòa?+ (Sela) 11 Ðe woaɖe gbeƒã wò amenuveve le yɔdo me,Kple wò nuteƒewɔwɔ le tsɔtsrɔ̃ƒea?* 12 Ðe woade dzesi wò nukudɔwo le viviti mea,Alo wò dzɔdzɔenyenye le anyigba si dzi womeganyaa naneke le o la?+ 13 Oo Yehowa, wòe mele ɣli dom na be nàxɔ nam,+Eye nye gbedodoɖawo le ŋkuwòme ŋdi sia ŋdi.+ 14 Oo Yehowa, nu ka tae nègbem?*+ Nu ka tae nèɣla wò ŋkume ɖem?+ 15 Mele fu kpem tso nye ɖevime ke,Eye meɖo kudo nu;+Wɔna vɔ le ŋunye le nu dziŋɔ siwo ŋu nèɖe mɔ le wodzɔ ɖe dzinye la ta. 16 Wò dɔmedzoe tsyɔ dzinye;+Wò ŋɔdzidodowo tsrɔ̃m. 17 Woƒo xlãm ŋkeke bliboa abe tsiɖɔɖɔ ene;Wotso goawo katã me nyè tsyɔm.* 18 Èɖe xɔ̃nyewo kple zɔhɛnyewo ɖa le ŋunye yi adzɔge ʋĩi;+Azɔ vivitie zu xɔ̃nye.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nàbɔbɔ alé to ɖe.\"\n^ Alo, \"abe ame si ŋu ŋusẽ aɖeke mele o ene.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Siwo mele wò asi me o.\"\n^ Alo, \"Abadon.\"\n^ Alo, \"nàgbe nye luʋɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"nyè tsyɔm zi ɖeka.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/88\/","date":"2021-09-20T06:46:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00596.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967656732,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996765673160553}","num_words":339,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.277,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 139\nStanza 1\nGbɔgbɔ Kɔkɔe, va nɔ mía me,\nBena míatrɔ zu nɔwòƒe,\nO kekeli tso dziƒo!\nNa bena wò keklẽ kɔkɔe\nNaklẽ ɖe míaƒe dzi me ɖaa,\nBe ne míagatra mɔ o!\nDzidzɔ, dzudzɔ,\nŊutifafa, agbe vavã\nLe asiwò;\nEya ŋuti míeva gbɔwò.\nStanza 2\nGbɔgbɔ, wò ko nye nunyala,\nWòe nye mía nufiala vavã,\nGblɔ 'kɔfanyawo na mí;\nNa xɔse kple dzideƒo mí,\nBe míate ŋu agblɔ wò nya\nNa mía nɔviwo katã!\nVa na nunya,\nDo ŋusẽ mí, bena míanye\nTɔwò ɖaa si,\nAnɔ agbe na wò bubu!\nStanza 3\nTsɔ mawunya do ŋusẽ mí,\nBe míanɔ tsitre kalẽtɔe\nLe ŋɔdzi kple xaxa me!\nNa míatsɔ dzideƒo blibo\nAɖu futɔ ƒe ŋusẽ dzi\nLe wò dzikpɔkpɔ nyui te!\nKpe ɖe mía ŋu,\nDo ŋusẽ mí, bena míakpɔ\nAkɔfafa\nLe dzɔgbevɔ̃ewo katã me!\nStanza 4\nNa be míanɔ agbe dzadzɛ\nLe xexe gbegblẽ sia hã me!\nDo ŋusẽ míaƒe gbɔgbɔ,\nBe tso esia dzi yina la\nMíagbe xexeme ƒe dzidzɔ\nKple eƒe nudzodzrowo!\nXɔ mí, ɖe mí\nTso nu vɔ̃ me, be nàkplɔ mí\nTso afi sia\nYi ɖe dziƒofiaɖuƒe me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-139\/","date":"2021-09-27T06:58:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00348.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9870627522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9870627522468567, \"ajg_Latn_score\": 0.012955828569829464}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 302\nStanza 1\nÈɖi tso dziƒo zu ame,\nBene nàkplɔ wò dukɔ.\nLe wò dzikpɔkpɔ nyui la te\nMíakpɔ dzidzɔ geɖe ɖaa.\nStanza 2\nAmea-ɖeke mateŋ agblɔ\nNu siwo katã nèwɔ:\nAle si nèlɔ̃ tɔwòwo,\nNyi wo, kpɔ wo dzi la o.\nStanza 3\nNu ka ado ŋɔdzi na mí,\nNe kplɔla nyui le mía kplɔm?\nEƒ'a-lẽkplɔti sesẽ la\nNyaa futɔwo katã ɖa.\nStanza 4\nAme ka na dzimefafa\nLe fukpekpeɣiwo me?\nEya enye míaƒe xɔla,\nMíaƒ'a-kɔfafa nyui la!\nStanza 5\nAlẽha ƒe kplɔla vavã,\nTsɔm ɖe wò abɔ dome!\nDi ame, siwo tra mɔ hã,\nNàkplɔ wo va wò ha me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-302\/","date":"2021-09-23T17:40:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00670.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985645413,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985645413398743}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.152,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 355\nStanza 1\nDziŋgɔli mía mɔ ɖo ta,\nAme dzro míenye l' afisia,\nVase míatso gbedzi sia\nAhayi ɖe dziƒo la baa.\n'Nyigba nye mía tsatsaƒe,\nDziƒo la koe nye mía de!\nStanza 2\nDzingɔli la nye gbɔgbɔ,\nSi nye dziƒonu la, tu tae;\nMetia anyigbadzinu\nWɔ eƒe kesinɔnui o.\nDziƒonuwo ko yome\nEƒe didi la ɖaasi.\nStanza 3\nDziŋgɔli! Oo nye luʋɔ,\nXexemenu nu ɣeɣi ye.\nEyata tsɔ wò dzi ɖo\nNu magblẽmagblẽwo ŋu boŋ!\nNe xexe sia me latsrɔ̃,\nEme nuwo hã lagblẽ\nStanza 4\nDziŋgɔli woyɔ mí na.\nEsia gblɔm eƒe nya la le;\nEfia asi dzudzɔƒe,\nSi wodzra ɖo ɖi na mí la.\nNe míedzra nya sia ɖo la,\nAkplɔ mí ayi fimae.\nStanza 5\nDziŋgɔli! Míato ku me\nAyi ɖe mía dziƒode la.\nFisia míakpea fu geɖe,\nFima míadzi dzidzɔha le.\nYesu ŋutɔ dze mía ŋgɔ,\nMine míadze yome ko!\nStanza 6\nDziŋgɔli ko, dziŋgɔli!\nNanye nye nya le afisia!\nMenyã ŋutilãnuwo\nTto dziƒonuwo dzodzro me.\nDziŋgɔli dzi nye ŋku le,\nVase made dziƒo la!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-355\/","date":"2021-09-27T08:09:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00528.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977684021,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977684020996094}","num_words":166,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 274\nStanza 1\nXaxa me mele, le yɔwòm;\nO Mawu, se nye yɔyɔa!\nVe nunye, nàƒu to anyi\nÐe nye nublanuigbea ŋu!\nNe èbe yealé dziku ɖi,\nAbu fɔ amegbetɔvi,\nAme ka anɔ te ma?\nStanza 2\nGbɔwò nublanuikpɔkpɔ le,\nWòe àtsɔ nuvɔ̃ ake!\nNe míedz' agbagba vevi hã,\nMíado kpo ŋuwòdzedze.\nAmeka aka ɖe nu ŋu!\nAmesiame navɔ̃ wò ko,\nWòadi nublanuikpɔkpɔ!\nStanza 3\nMawu ŋu ko maɖo ŋu ɖo,\nNu ka gɔ̃ le asinye?\nMeɖo dzi ɖe eya ko ŋu,\nBe dɔmenyotɔ wònye.\nEya ŋutɔ gblɔ 'sia ɖi nam;\nNyanyui sia na akɔfafam,\nManɔ mɔ kpɔm nɛ ɖaa si!\nStanza 4\nNe mexaxa ɖase zã ke,\nYiɖase ŋufɔke hã,\nye mabu nye ŋuɖoɖo o;\nŊusẽkatãtɔ la li!\nAle Israeltɔ vavã,\nSi wodzi tso Gbɔgbɔ me la,\nWɔa dzi ɖe Mawu ŋu keŋ.\nStanza 5\nNe míaƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ hã,\nAmenuveve la wui.\nMíaƒe gbegblẽ lolo ŋutɔ,\nGake xɔxɔ la gbɔ ta.\nYesu ko nye kplɔla nyuitɔ,\nSi laɖe eƒe dukɔ la\nTso nu vɔ̃wo katã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-274\/","date":"2021-09-27T06:40:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00708.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945889711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9945889711380005}","num_words":167,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.156,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo dze woƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu gɔme le teƒe si te ɖe ta aɖe si ŋkɔe nye Sterling Forest Lake (si wogayɔna be Blue Lake) ŋu le New York State ƒe kɔƒenuto aɖe me. Aleke wole lãwo kple avewo ta kpɔmee?\nÐasefoawo tɔ kpɔ ƒo xlã anyigba si dzi wole xɔa tum ɖo ale be dawo kple klowo magava dɔa wɔƒe ne nu vevi nawɔ wo o. Woléa ŋku ɖe kpɔa ŋu edziedzi hekpɔa egbɔ be ele nɔnɔme nyui me ale be lãwo magadze kpɔ ava dɔa wɔƒe o. Ne wowu dɔa nu heɖe kpɔa ɖa la, woana ame aɖe si wona hehe nyuie be wòate ŋu alé da evɔ daa maɖui o la nalé da ɖe sia ɖe si wòakpɔ le teƒe siwo te ɖe dɔwɔƒea ŋu ayi aɖada ɖe teƒe bubu.\nWotso atiwo le vuvɔŋɔli ale be womagaɖe fu na atsutsrɔe ƒomevi aɖewo le ɣeyiɣi si me wonɔa atɔ me o. Ne Ðasefowo wu dɔa nu le teƒe siwo wotso atiawo le vɔ la, woada aɖakago siwo me xeviwo ate ŋu awɔ atɔ ɖo la ɖi ale be xeviawo nagatrɔ gbɔ.\nNenema kee woƒo teƒe aɖewo hedzra wo ɖo nyuie le October kple March domedome ale be isop-ti siwo nu le tsitsim la ƒe kuwo nakaka ale be woagadze nyuie. Wozɔna ɖe ɖoɖo sia dzi togbɔ be womekpɔ ati sia ƒomevi aɖeke le anyigba si dzi wole dɔa wɔm le le Warwick tso ƒe 2007 me o hã.\nTɔmelã vovovowo le Sterling Forest Lake ta si do liƒo kple dɔwɔƒea la me eye tɔdzixewo hã nɔa afi sia. Xɔtuɖaŋuwɔlawo tia xɔtumɔnu siwo magblẽ nu le nutoa me ŋu o la vovovowo ale be woakpɔ ta la ta. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be woado gbewo ɖe xɔwo tame ne woaɖe ɖiƒoƒo siwo le tsidzadzawo me, eye wòana hã be tsiawo magasi agbagba o. Gakpe ɖe eŋu la, wole ati siwo ƒo xlã ta la ta kpɔm.\nÐasefo aɖe si kpɔa gome le dɔa ƒe akpa sia me la gblɔ be, \"Togbɔ be esia wɔwɔ abia ɖoɖo bubuwo wɔwɔ kple ɣeyiɣi geɖe hã la, míeɖoe kplikpaa be míakpɔ lãwo kple ati siwo le teƒe si míele dɔa wɔm le le Warwick la ta.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/l%C3%A3wo-kple-avewo-ta-kp%C9%94kp%C9%94-warwick\/","date":"2021-10-18T04:53:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323585196.73\/warc\/CC-MAIN-20211018031901-20211018061901-00634.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989524484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989524483680725}","num_words":363,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Miehia wo kpekpeɖeŋu!\nAme million 400 za nɛ, Mozilla ƒe support xɔ megbedada tso dɔwɔlafemazeetɔwo gbɔ eye wonye nu vevie. Afisiae ne ge ɖe eme le.\nNukatae nye kpekpeɖeŋu hia?\nKpe ɖe ezala millionwo ŋu be woaxɔ nu lɔlɔtɔwo tso browser gbɔ. Wo nudzɔdzɔwo aɖo ezala millionwo gbɔ le xexeame godoo, eye ateŋu awɔe le wo couch bɔbɔe dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/get-involved","date":"2021-10-20T14:57:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323585321.65\/warc\/CC-MAIN-20211020121220-20211020151220-00261.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969066381,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969066381454468}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi míase nu si tae fukpekpe le xexea me alea gbegbe ɖo kple nu si tae agbagba siwo dzem amegbetɔwo le be yewoaɖee ɖa mele edzi dzem o gɔme la, ele be míanya nu siwo koŋ gbɔ wòtso. Togbɔ be nu vovovo siwo gɔme sese sesẽ ye hea fukpekpe vanɛ hã la, dzidzɔtɔe la, Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase wo gɔme. Míadzro susu vevi atɔ̃ siwo tae fukpekpe li alea gbegbe ɖo la me le nyati sia me. Míade dzi ƒo na wò be nàdzro nya si Biblia gblɔ la me nyuie be nàkpɔ ale si Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu míesea nu si tututu gbɔ fukpekpe tso la gɔme nyuie.\nDZIÐUÐU LE MƆ GBEGBLẼ NU\nBiblia gblɔ be: \"Ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ ɖua tse.\"\nTso blema ke la, ŋutasẽdziɖula geɖewo tea wo teviwo ɖe anyi, si wɔnɛ be wokpea fu geɖe ŋutɔ. Enye nyateƒe be menye aleae dziɖulawo katã le ya o. Wo dometɔ aɖewo di vevie be yewoakpe ɖe yewo havi amegbetɔwo ŋu hafi. Ke hã ne wonya va zia dzi ko la, wokpɔnɛ dzea sii be tsitretsiɖeŋu kple hoʋiʋli doa kplamatsɛ yewoƒe agbagbadzedzewo. Alo ɖewohĩ wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu le woawo ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta, eye esia gblẽa nu le wo teviwo ŋu. Henry Kissinger, si nye United States Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔla tsã, gblɔ be: \"Ŋutinya me yɔ fũu kple agbagbadzedze siwo do kpo nu kpakple mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o.\"\nBiblia gblɔ hã be: \"Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.\" (Yeremiya 10:23) Nunya kple gɔmesese si hiã la mele amegbetɔ madeblibowo si be woakplɔ wo ɖokuiwo dzidzedzetɔe o. Ne amegbetɔwo mate ŋu afia mɔ woawo ŋutɔwo ƒe zɔzɔme o ɖe, aleke woawɔ akplɔ dukɔ blibo? Èkpɔ nu si tae ŋutete mele dziɖula siwo nye amegbetɔwo si be woaɖe fukpekpe ɖa oa? Le nyateƒe me la, dziɖuɖu gbegblẽ gbɔe wòtsona zi geɖe be amewo kpea fu!\nAKPA SI ALAKPASUBƆSUBƆ WƆNA\nYesu gblɔ be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\"\nSubɔsubɔha ƒomevi vovovoawo katã ƒoa nu tso lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ŋu. Gake nyateƒeae nye be womete ŋu ƒã lɔlɔ̃ vavã si ana woƒe hameviwo nadzudzɔ ameŋkumekpɔkpɔ la ɖe wo me o. Le esi teƒe be subɔsubɔhawo nakpe ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ wo haviwo la, mama, fuléle kple dzre boŋue wodea to vovovo me tɔwo kple dukɔmeviwo dome zi geɖe. Mawunyaŋutinunyala Hans Küng ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ aɖe ƒe nyataƒonya me be: \"Dunyahehe ƒe hoʋiʋli siwo me amewo wɔ ŋutasẽnu eye wohe zazɛ̃nya le wu lae nye esiwo dzi subɔsubɔhawo da asi ɖo, do ɖe ŋgɔ heda megbe na.\"\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, subɔsubɔhakplɔla geɖewo ɖee fia le dutoƒo be yewoda asi ɖe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, ahasiwɔwɔ kple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzi. Nu siawo hea dɔléle, fuɖeɖe, gbɔmeyafufɔfɔ, srɔ̃gbegbe kple ƒomewo ƒe gbagbã vanɛ eye emetsonu nyea vevesese kple nuxaxa geɖe.\nAMEGBETƆWO ƑE BLIBOMADEMADE KPAKPLE ÐOKUITƆDIDI\n\"Nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.\"\nMí katã míedaa vo le esi wodzi mí ame madeblibowoe ta, eye avu kple kɔe wònyena be míaƒo asa na \"nu siwo ŋutilã la kple tamesusuwo di la [wɔwɔ].\" (Efesotɔwo 2:3) Eye ne dzodzro vɔ̃ nyɔ ɖe mía me le ɣeyiɣi si me mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi be míawɔ ɖe edzi la, ɖokuidziɖuɖu gasesẽna ŋutɔ. Ne míeɖu dzodzro vɔ̃ dzi o la, ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ.\nAgbalẽŋlɔla P. D. Mehta ŋlɔ bena: \"Nu siwo hea fukpekpe akpa gãtɔ vanɛ ye nye míawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ yome nɔnɔ atraɖii kple agbeɖuɖu blibaa, míaƒe ŋukeklẽ kple míaƒe nu gã didi.\" Nudzodzro kple numame ƒomevi vovovoawo\nGBƆGBƆ VƆ̃WO ƑE ŊUSẼ\nAbe Satana ke ene la, gbɔgbɔ vɔ̃wo le agbagba dzem vevie le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi hele wo blem. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe nya sia dzi esime wògblɔ be: \"Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple dziɖuɖuwo, kple ŋusẽwo, kple viviti sia ƒe xexemedziɖulawo, kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.\"\nTogbɔ be fuwɔwɔ amewo doa dzidzɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo hã la, menye emae nye woƒe taɖodzinu vevitɔ o. Woƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yewoahe amewo ɖe aga tso Mawu Dziƒoʋĩtɔ, Yehowa, gbɔ. (Psalmo 83:19) Ameflunu siwo dzi wotona blea amewo hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la dometɔ aɖewoe nye ɣletivimefakaka, akunyawɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ kple afakaka. Esia tae Yehowa xlɔ̃a nu mí tso nu mawo ŋu eye wòkpɔa ame siwo katã tsia tre ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu la ta ɖo.\n\"ŊKEKE MAMLƐAWO\" MEE MÍELE\nƑe akpe eve kloe ye nye esia Biblia gblɔ ɖi be: 'Nya esia be, le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.'\nEhe susu yi nu siwo ana nɔnɔmeawo nasesẽ la dzi esi wògblɔ be: \"Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, . . . ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.\" Eme kɔ ƒãa be susu vevi ɖeka aɖe si tae míele fukpekpe siawo gbegbe teƒe kpɔm lae nye be míele \"ŋkeke mamlɛawo\" me.\nEsi nèxlẽ nu vovovo siwo me míedzro fifia vɔ ɖe, ɖe nu si tae amegbetɔwo mete ŋu le fukpekpe ɖem ɖa o, togbɔ be wodi vevie be yewoaɖee ɖa hafi la me mekɔ oa? Ekema afi kae míakpɔ kpekpeɖeŋu tsoe? Ele be míakpɔ mía Wɔla si do ŋugbe be \"[yeagblẽ] Abosam ƒe dɔwɔwɔwo\" kple eyomedzelawo tɔwo me la si nu. (1 Yohanes 3:8) Nyati si kplɔe ɖo la adzro nu si Mawu awɔ atsɔ aɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ ɖa la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130901\/nu-ka-tae-fukpekpe-li-%C9%96o\/","date":"2021-12-01T04:10:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964359082.78\/warc\/CC-MAIN-20211201022332-20211201052332-00356.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983258247,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983258247375488}","num_words":990,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAbosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi ale gbegbe be Biblia gblɔ be: \"Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.\" (1 Yohanes 5:19) Biblia ƒo nu tso mɔ siwo dzi Abosam tona kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi la ŋu.\nBeble. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ \"te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.\" (Efesotɔwo 6:11) Eƒe ayemɔwo dometɔ ɖekae nye be yeana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe subɔlawoe yeƒe dɔlawo nye.—2 Korintotɔwo 11:13-15.\nGbɔgbɔyɔyɔ. Abosam toa gbɔgbɔyɔlawo, abe ŋɔliyɔlawo, afakalawo alo ɣletivimefakalawo ene dzi flua amewo. (5 Mose 18:10-12) Atike vɔ̃ɖi zazã, goloɖoɖo kple ŋugblemeyiyi ʋĩ si me woɖea nu sia nu ɖa le susu me keŋkeŋ hã nana gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi.—Luka 11:24-26.\nGbɔgbɔdzeamedzi. Biblia ƒo nu tso ame siwo dzi gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo kpɔ ŋusẽ ɖo la ŋu. Ame siwo dzi gbɔgbɔawo dze la dometɔ aɖewo ƒe ŋku gbã alo wozu mumuwo eye ɖewo hã wɔ nu vevi wo ɖokuiwo.—Mateo 12:22; Marko 5:2-5.\nNu si nàwɔ be Abosam nagakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o\nMele be nàvɔ̃ na gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi o, elabena Biblia fia nu si míawɔ atsɔ atsi tre ɖe Abosam ŋu la mí:\nDze agbagba nàde dzesi Abosam ƒe ayemɔwo ale be eƒe 'nugbeɖoɖowo naganɔ manyamanya me na wò o.'—2 Korintotɔwo 2:11.\nNa Biblia me sidzedze nasu asiwò eye nàwɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Ne ètsɔ Biblia me mɔfiamewo wɔ dɔe la, akpɔ tawò be Abosam makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.—Efesotɔwo 6:11-18.\nGblẽ nu siwo katã do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la do me. (Dɔwɔwɔwo 19:19) Esia dometɔ aɖewoe nye hadzidzi, agbalẽ, magazine, boblodogbalẽ kple video siwo katã doa gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/abosam-%C6%92e-%C5%8Bus%E1%BA%BDkp%C9%94%C9%96eamedzi\/","date":"2021-12-01T05:03:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964359082.78\/warc\/CC-MAIN-20211201022332-20211201052332-00516.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977586865,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997758686542511}","num_words":273,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 412\nStanza 1\nNɔ gbɔnye, xɔlɔ̃ vavã\nYesu, wò nye didi!\nEgbe ŋkeke sia va yi,\nEye ɣe ɖo to vɔ.\nGake wò la èlɔ̃ be,\nYeaklẽ na mí azɔ,\nBe nàwɔ ɖeka kpli mí\nTso lɔlɔ̃ vavã me.\nStanza 2\nƐ̃, nye keli, malé wò,\nÐ'a-si tso nye dzi me.\nNye megana nàgadzo\nLe nye dzi me kpɔ o.\nBlukɔ do ɖ'a-fi sia 'fi\nKe ne mele gbɔwò,\nVɔ̃a-deke mawɔm kpɔ o,\n'Fi si ke hã mele.\nStanza 3\nO, nye kekeli nyuitɔ,\nWòe nye agbe vavã;\nNa wò ŋkume kɔkɔe la\nNaklẽ ɖe menye ko,\nBe nu vɔ̃ zã nagado\nÐe nye dzi me kpɔ o,\nAloo satan ƒe nyanyra\nNado ŋɔdzi nam o!\nStanza 4\nO Aƒetɔ Yesu na\nMíanyɔ tso alɔ̃ me,\nBe ne míanɔ klalo ɖaa\nLe xɔse vavã me;\nNe míawɔ ɖeka kpli wò\nLe dzi me gbe sia gbe;\n'Labe míate ŋu anya\nGbe si abe nàva o.\nStanza 5\nNa gbɔgbɔmeyayra gã\nNayɔ míaƒe dzi me,\nBe wòasi to míaƒe dzi,\nLuʋɔ kple gbɔgbɔ me;\nBena míaƒ'a-kaɖiwo\nNanɔ bibim ɖaa si,\nNe míate ŋu akpɔ nu\nLe nu vɔ̃ zã sia me!\nStanza 6\nEkema gbea-ɖe gbe la,\nMíayi wò dzidzɔ me,\nEye 'fi ma míagbaklã\nTso gbɔwò akpɔ o.\nMíanɔ dziƒoha gã,\nYi ɖase ɖe mavɔ me!\nHaleluya, Amen!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-412\/","date":"2022-01-28T12:31:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961231947,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996123194694519}","num_words":214,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 265\nStanza 1\nVɔ̃ kple xexeme,\nMite yi megbe!\nYesu eyɔa mí\nTso abosam mɔ dzi, be míava egbɔ.\nStanza 2\nEɖe mí katã\nTso nuvɔ̃wo me,\nNe míaxɔ ase,\nBe Yesu tsɔ wo ke mí tso lɔlɔ̃ me.\nStanza 3\nEku ɖ' ati ŋu\nÐe amewo ta.\nMawu do dziku;\nKe Yesu lé avui ɖe mí katã nu.\nStanza 4\nNuvɔ̃wɔlawo,\nMikpɔ alesi\nYesu lɔ̃a mí ɖa!\nEku ɖe mía ta wu Mawu se la nu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-265\/","date":"2022-01-28T11:44:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00498.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983425736,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983425736427307}","num_words":75,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Akpatawo Tutu Hena Yehowa Ƒe Kafukafu\n\"Nu wɔnuku kae nye esi! Nyemebui kpɔ gbeɖe be míava kpɔ akpata dzeani sia gbegbe si me míanɔ ƒu ƒom le hena Yehowa kafukafu o. Màte ŋu aƒle dzidzɔ si gbegbe kpɔm mele la kple ga home aɖeke o!\"—MARIA, MEXICO.\nYEHOWA ÐASEFOWO lɔ̃a ƒuƒoƒo ɖekae hena nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya, Biblia la, me. (Psalmo 27:4; Hebritɔwo 10:23-25) Wogasea vivi geɖe le ƒuƒoƒo alea me ne tadeaguƒe si sɔ nyuie le wo si. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, wotu tadeaguƒe akpe geɖe, siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata la, le dukɔ geɖewo me le xexea me godoo.\nNu kae ʋã wo hena akpata siawo tutu? Ame kawoe wɔa dɔa? Ŋusẽ kae akpata siawo tutu kpɔna ɖe ame siwo kpɔa gome le eme la dzi? Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, bu nu siwo dzɔ le Mexico kple Belize la ŋu kpɔ.\nFiaɖuƒe Akpata Akpe Geɖewo Hiã!\nTsã la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico la ƒoa ƒu ɖe afi sia afi si wonya kpɔ ko hena tadedeagu—eɖanye gbadzaƒe siwo le aƒe aɖewo megbe, Ðasefowo ƒe aƒewo me, nudzraɖoƒexɔ gãwo me, ʋudaɖoƒexɔwo me, alo akpata siwo wohaya me o. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Ðasefo wɔnuteƒe siawo bua ale si gbegbe wòanyo ne Fiaɖuƒe Akpatawo va le yewo ŋutɔ si la ŋu vevie.\nLe ƒe 1994 me la, Ðasefo 388,000 ye nɔ Mexico. Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe ma me ɖee fia be, ne tadeaguƒewo anɔ wo katã si la, ahiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye 3,300 sɔŋ. Dɔ nyadri ka gbegbee nye esi!\nHame siwo le nutoa me la dometɔ siwo ate ŋui la nɔ woawo ŋutɔwo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tum ɣemaɣi. Gake le ƒe atɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, eva dze ƒãa be hafi míate ŋu akpɔ hiahiãa gbɔ ale si dze la, ele be míatu akpata geɖewo kabakaba. Aleke míele hiahiã sia gbɔ kpɔmee?\nDɔwɔla Bibi Siwo Tsɔ Wo Ðokui Na Faa Hewɔa Dɔ Tso Teƒe Yi Teƒe\nLe ƒe 1999 me la, wodze xɔtuɖoɖo yeye aɖe gɔme. Wote Fiaɖuƒe Akpata Tuhawo ɖoɖo ɖe nuto vovovowo me le Mexico. Yehowa Ðasefowo, siwo dometɔ geɖewo si xɔtuɖaŋuwo le la, tsɔ wo ɖokui na faa le dukɔa me godoo hena gomekpɔkpɔ le ɖoɖo dodzidzɔname sia me. Fifi laa la, xɔtulawo ƒe ƒuƒoƒo mawo tɔgbi 35 le Mexico, eye ɖeka le Belize.\nLɔlɔ̃nu faa dɔwɔla, siwo womexea fe na o, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, siwo wɔa dɔ gbe sia gbe la, dometɔ enyi lɔƒoe nɔa Fiaɖuƒe Akpata Tuha siawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Xɔtuha siawo siwo me tɔwo kpɔa dzidzɔ ale gbegbe la xɔa ŋgɔ le xɔtuɖoɖowo me tso teƒe yi teƒe le dukɔa me godoo. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ gaƒoƒo enyi gbe sia gbe tso Dzoɖa va se ɖe Fiɖa, kple Memleɖa evelia ɖe sia ɖe. Wodzea ŋkekea gɔme kple Biblia me dzodzro le ŋdi gã 7 me, emegbe woɖua ŋdinu. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ ɖe sia ɖe si wode asi nɛ kple dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuwo wɔa dɔ aduadu kple ŋutsuwo le plastawɔwɔ, tile (carreaux\/tuiles) ɖoɖo, kple aŋɔsisi me.\nHame si le nutoa me me tɔwo naa kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo to woƒe nuwo nyanya, nuɖaɖa, kple dɔƒewo didi na wo me. Hekpe ɖe akpatatudɔa wɔwɔ ɖekae ŋu la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo kple Ðasefo siwo le nutoa me dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖekae hekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu hã me ɖekae.\nViɖe Siwo Le Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔla Nyenye Me\nAlekee lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo sena le wo ɖokui me le woƒe dɔa ŋu? Daniel, si nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla hena ƒe etɔ̃ kple edzivɔ la gblɔ be: \"Enye nyateƒe be míewɔa dɔ le dzoxɔxɔ kple vuvɔ me, heɖua nu siwo mema mí o, eye míenɔa ʋuʋum edziedzi yia adzɔ ge ʋĩ tso míaƒe ƒometɔwo gbɔ, eye nuhiahiã aɖewo mesua mía si ɣeaɖewoɣi o ya.\" Eyi edzi gblɔ be: \"Gake yayra siwo míekpɔna la ƒoa kuxi siwo míedoa goe la ta sãsãsã.\"\nYayra siawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖewo va srɔ̃a xɔtuɖaŋu yeyewo. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Carlos, si xɔa ŋgɔ na xɔtuha siwo me dɔwɔlawo sɔ gbɔ le wu dometɔ ɖeka me la, gblɔ nu si eya susu be enye viɖe gãtɔ kekeake. Egblɔ be: \"Míeva zu abe ƒome aɖe si me ame 20 le ene. Míeɖua nu ɖekae, wɔa dɔ ɖekae, srɔ̃a nu ɖekae, hedoa gbe ɖa ɖekae. Mí katã míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.\"\nXɔtudɔwɔlaawo kple nutoawo me hame siwo ŋu wokpena ɖo la me tɔwo hã va zua xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. José, si kpɔ gome le akpata siwo wu 100 tutu me la, gblɔ be: \"Ale si gbegbe dzi dzɔa nutoa me Ðasefowo woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana hefaa dzidzɔvi le esi woƒe didi vevie be Fiaɖuƒe Akpata yeye nasu yewo si la va eme na wo ta la teƒekpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.\" Egblɔ kpee be: \"Nyanya be akpa sue si míewɔna le akpata yeye aɖe tutu, hena tadedeagu dzadzɛ, dzidzedzetɔe me doa ŋusẽ ame bubuwo ƒe xɔse la naa dzi dzɔa mí ale gbegbe.\"\nDɔ Siwo Gbegbe Wowɔ La Wɔ Nuku!\nTadeaguƒe siawo menɔa kpeɖii alo nyea esiwo woɖoa atsyɔ̃ na fũu akpa o. Esia wɔe be wote ŋu tua Fiaɖuƒe Akpataawo kabakaba eye womezãa ga geɖe ɖe wo ŋu o. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, wozãa xɔtunu kple xɔtumɔnu siwo bɔ ɖe nutoawo me. Le mɔ sia nu la, wote ŋu tua akpata yeye hewua enu le kwasiɖa ade pɛ lɔƒo ko me!\nKaka ƒe 2007 naɖo la, wotu Fiaɖuƒe Akpata 17 le Belize, siwo hame siwo katã le afi ma la zãna. Tso ƒe 1999 va se ɖe fifia la, wotu akpata 1,400 sɔŋ xoxo le Mexico!\nTogbɔ be wowɔ dɔ nyui siawo gbegbe hã la, dɔ geɖe gakpɔtɔ li woawɔ. (Mateo 9:37) Ðasefo siwo le Mexico la dzi ɖe edzi va ɖo 600,000 kple edzivɔ—eye wo katã kpena zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖe sia ɖe me be woafia nu yewo tso Mawu ƒe Nya la me. Esia wɔe be wogahiã akpata yeye siwo ade 2,000 sɔŋ. Ne ɖe wòanye amegbetɔ ƒe agbagbadzedze dzro ko mee woawɔ xɔtudɔ sia si me amewo tsɔa wo ɖokui nana faa le la, anye ne taɖodzinu ma gbɔ manya ɖo o. Gake abe ale si dzidzedze siwo wokpɔ xoxo ɖee fia ene la, to Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, \"woate ŋu awɔ nu sia nu.\"—Mateo 19:26.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 22]\n\"Wowɔna Ðe Woƒe Nyawo Dzi\"\nNe wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe le nuto aɖe me la, menye Yehowa Ðasefo siwo le afi ma dzi koe wòwɔa dɔ ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, esi wonɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum le Belize la, ŋutsu aɖe gblɔ na srɔ̃a si nye Pentekosttɔ la be ne Yehowa Ðasefowo wu woƒe \"sɔlemexɔa\" tutu nu la, yedi be yeate woƒe kpekpewo dede. Nu kae nyɔ didi sia ɖe eme? Egblɔ be: \"Mekpɔe dze sii be Mawu li kpli wo. Womewɔa dzre ne wole dɔ wɔm ɖekae o. Eye wowɔna ɖe woƒe nyawo dzi.\"\n[Nɔnɔmetata]\nFiaɖuƒe Akpata aɖe si le Orange Walk, Belize\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]\nEle Edzi Yim Le Xexea Me Katã\nWoɖo Fiaɖuƒe Akpata Tuhawo le dukɔ 120 me. Dukɔ siwo me lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔa dɔ sia kple dzidzɔ le la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:\nAngola, Bolivia, Croatia, Dominican Republic, Ethiopia, Fiji, Ghana, Hong Kong, India, Jamaica, Kazakhstan, Liberia, Moldova, Nigeria, Papua New Guinea, Rwanda, Tuvalu, Ukraine, Venezuela, Zambia.\n[Nɔnɔmetatawo]\nFiaɖuƒe Akpata aɖe si le Tlaxcala, Mexico\nFiaɖuƒe Akpata aɖe, Acapulco, Mexico\n[Nɔnɔmetata si le axa 23]\nFiaɖuƒe Akpata Tuha aɖe, si le Mexico, me tɔwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/Fia%C9%96u%C6%92e-Akpatawo-Tutu-Hena-Yehowa-%C6%91e-Kafukafu\/","date":"2022-01-26T19:56:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304961.89\/warc\/CC-MAIN-20220126192506-20220126222506-00643.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997816503,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978165030479431}","num_words":1254,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ɖo aɖaŋu nyuitɔwo kekeake ku ɖe agbemekuxi sesẽtɔwo ŋu. Ƒe alafa geɖe siwo va yi ɖo kpe edzi be eƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi ŋutɔ. Le akpa sia la, àkpɔ ale si gbegbe Biblia ɖea vi na míi.—2 Timoteo 3:16, 17.\nNu Siwo Wodo Bobloe\nNa Yehowa Ðasefowo Nasrɔ̃ Biblia Kpli Wò\nDzro Biblia me biabia aɖe me, alo srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu.\nTia Bibliasɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu siwo ana nàse vivi na wò nusɔsrɔ̃a eye wòatu wò ɖo.\nAleke Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwoe?\nBiblia ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wonɔ te ɖe woƒe gbe sia gbe kuxiwo nu, ena woƒe susu me dze akɔ anyi esi nu te ɖe wo dzi le ŋutilã kple seselelãme gome, eye wòna viɖe kple taɖodzinu va le woƒe agbe ŋu.\nXɔse ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu fifia eye wòana nàkpɔ mɔ na etsɔme nyui si ŋu kakaɖedzi le.\nSrɔ̃tɔwo kple ƒomewo doa go kuxi geɖewo. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu woƒe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ naganyo wu, eye wòana ŋusẽ naɖo woƒe ƒomekadodowo ŋu.\nKpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe kuxi siwo wodoa goe zi geɖe la nui ɖa.\nKpɔ dɔdeasi dodzidzɔname siwo nàte ŋu azã atsɔ afia nɔnɔme nyui siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe viwòwo.\nNya Kae Biblia Gblɔ?\nÀkpɔ Biblia me biabia siwo ku ɖe nyati vovovowo abe Mawu, Yesu, ƒome kple fukpekpe ene ŋu kpakple woƒe ŋuɖoɖowo le afi sia.\nXlẽ ŋutinya ɖedzesi siwo ku ɖe ale si Biblia wɔ va ka mía si ŋu. Eye nàdzro ale si emenyawo de pɛpɛpɛ kple ale si kakaɖedzi le eŋu la me.\nÐe Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya? Nya siwo Biblia gblɔ tsɔtsɔ sɔ kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo ɖenɛ fiana be ɖekawɔwɔ le wo dome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/","date":"2022-01-24T23:46:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304686.15\/warc\/CC-MAIN-20220124220008-20220125010008-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987382293,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987382292747498}","num_words":308,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 373\nStanza 1\nWò lɔlɔ̃ nanɔ mía gbɔ,\nWò ŋutikɔkɔefia;\nNa be mí katã míasrɔ̃\nAle si míaɖi wò;\nBena míaku ɖe ŋuwò,\nWò nyonyo kple tufafa,\nNahe mí va gbɔwò!\nStanza 2\nDzi ƒomevi sia nèlɔ̃,\nSi me wò nya klẽ ɖo.\nTo wò ku ƒe veve me\nWò ku na xexeme,\nEtsri nu si nègbe nɛ,\nNu si gblẽ mía kplii dome,\nNu si medze o la.\nStanza 3\nTsã míenɔ vɔvɔ̃ gã me,\nMíenye amedzrowo,\nLe wò kɔkɔeƒe la me\nMíenɔ adzɔge viĩ.\nWò lɔlɔ̃ ƒe Gbɔgbɔ la,\nNakplɔ mí ava gbɔwò,\nYi kɔkɔeƒe me ke!\nStanza 4\nYra ɖe wò dɔ kɔkɔe dzi\nLe xexeame katã,\nNe wò nya nakpɔ mɔnu\nDukɔ geɖewo gbɔ;\nNa viwòwo natsi ɖaa,\nLe gota kple eme hã,\nHena wò bubu la!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-373\/","date":"2022-01-28T11:16:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982410073,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982410073280334}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"4 Eya ta esi eƒe dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li ta la, mina míanɔ ŋudzɔ, ne menye nenema o la, ato mia dometɔ aɖewo ŋu.+ 2 Elabena wogblɔ nya nyui la na míawo hã,+ abe woawo ke ene; ke nya si wose la meɖe vi na wo o, elabena woƒe xɔse mewɔ ɖeka kple ame siwo see la tɔ o. 3 Mí ame siwo xɔe se la, míeyina ɖe dzudzɔ la me, abe ale si wògblɔ ene be: \"Eya ta meka atam le nye dziku me be, 'Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o,'\"+ togbɔ be ewu eƒe dɔwɔwɔwo nu tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi* ke hã.+ 4 Elabena egblɔ le afi aɖe le ŋkeke adrelia ŋu be: \"Eye Mawu dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me le ŋkeke adrelia dzi,\"+ 5 eye wògagblɔ le afi sia be: \"Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o.\"+ 6 Eya ta esi wòsusɔ be ame aɖewo nayi ɖe eme, eye ame siwo wogblɔ nya nyui la na gbã la meyi ɖe eme o le tomaɖomaɖo ta la,+ 7 egaɖo ŋkeke ɖi, esi wògagblɔ emegbe ʋĩi le David ƒe psalmo aɖe me be \"Egbe\"; abe ale si míegblɔe va yi ene be, \"Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ dzi me o.\"+ 8 Elabena ne ɖe Yosua+ kplɔ wo yi dzudzɔƒe la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu ŋu emegbe o. 9 Eya ta sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.+ 10 Elabena ame si yi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si ko Mawu hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ tɔwo me ene.+ 11 Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míayi ɖe dzudzɔ ma me, ale be ame aɖeke nagadze tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma tɔgbi me o.+ 12 Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu,+ eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee,+ eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ* kple gbɔgbɔ* me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me, eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13 Eye nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o,+ ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.+ 14 Azɔ esi nunɔlagã, si nye Yesu, Mawu ƒe Vi,+ si yi dziƒo la le mía si ta la, mina míayi edzi alé eya amea me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe le dutoƒo.+ 15 Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o lae le mía si o,+ ke boŋ ame si wodo kpɔ le go sia go me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ koe mele eŋu o.+ 16 Eya ta mina dzi nanɔ mía ƒo míate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa,+ ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Hebrit%C9%94wo\/4\/","date":"2022-05-20T23:05:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662534693.28\/warc\/CC-MAIN-20220520223029-20220521013029-00665.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984307289,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984307289123535}","num_words":469,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo si na Mawu kple wo haviwo tae wogblɔa Biblia me gbedeasia na ame sia ame ɖo, ame siwo gblɔ na wo va yi be yewomedi be yewoasee o hã le eme. (Mateo 22:37-39) Lɔlɔ̃ na Mawu ye ʋãa mí míewɔna ɖe Via ƒe sedede si nye be, \"míaɖi ɖase tsitotsito\" la dzi. (Dɔwɔwɔwo 10:42; 1 Yohanes 5:3) Eya ta míetsɔa Mawu ƒe gbedeasia yina na amewo enuenu abe ale si ko Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema wɔe ene. (Yeremiya 25:4) Esi míelɔ̃ mía haviwo ta la, míedzea agbagba be míagblɔ agbenya, si nye \"Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui\" la, na ame sia ame, ame siwo gblɔ na mí tsã be yewomedi be yewoase míaƒe nyawo o hã le eme.—Mateo 24:14.\nEte ŋu dzɔna zi geɖe be míekena ɖe ame siwo tsɔ ɖe le míaƒe gbedeasia me la ŋu le aƒe siwo me amewo metsɔ ɖeke le eme tsã o me. Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae ɖa:\nAmewo ʋuna.\nAme bubu siwo le aƒea me la tsɔa ɖe le míaƒe gbedeasia me.\nAmewo trɔna. Xexea me nudzɔdzɔwo alo nɔnɔme aɖe si me amewo to ate ŋu ana woava kpɔe be \"gbɔgbɔmenuwo hiã yewo,\" eye wòatsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me. (Mateo 5:3) Ame siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu tsã gɔ̃ hã ƒe dzi ate ŋu atrɔ, abe ale si wòdzɔ le apostolo Paulo gome ene.—1 Timoteo 1:13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/nyemedii-o\/","date":"2022-05-17T12:18:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662517245.1\/warc\/CC-MAIN-20220517095022-20220517125022-00612.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971637726,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971637725830078}","num_words":227,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.\"\n\"Anyigba ya li tegbee.\"\n\"Ami ku tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.\"\n\"Ɣemaɣi la, ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu. Ɣemaɣi la, bunɔwo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye. Elabena tsi aŋɔ tso gbegbe, eye tɔsisi atso tagba.\"\n\"Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\"\n\"Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ, eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/mawu-%C5%8Bugbedodowo-biblia-ets%C9%94me\/","date":"2022-05-19T12:22:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00743.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990784526,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990784525871277}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedasi: 63-1214 Nukata Betlexem Suea\nSukuvi Lɔlɔ̃awo,\nMedi be magblɔ mawunya na mi aɖafia nu mi egbe to nye leta dzi. Gbã la mina míagbugbɔ to nusi míesrɔ̃ Kɔsiɖagbe vayi me.\nAleke woléna Mawu ƒe nuku aɖe si woɖoɖii? ZI PLAY.\nNukae Yosua gblɔ na eƒe mawunyagblɔlawo be woawɔ?\nMiyi ɖe Yerixo aɖagblɔ mawunya na amewo le PLAY ZIZI me, eye wò kple wòaƒe la míakpɔ ɖeɖe.\nEƒe gbedeasitsɔlawo gbɔ, hegblɔ be \"Meɖoto wò sedeɖeawo. Ke nyɔnu aɖe ŋu míeke ɖo, esime míeƒo Nyaƒokawo.\nŊu mele míakpem o. Míetsɔ ɖeke le me na amesi le Ekpɔm o. Míedi be ame sia ame ne Kpɔe Aɖase. Míede Esia míaƒe aƒewo me, míaƒe hameawo me, afi sia afi si míeyia, bena ame sia ame si va le yiyim la nanya be wode dzesi mí kple míaƒe Dzesi la; Yesu Kristo, Eƒe Nya, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, Nyaƒokawo, Mawu ƒe Gbe la.\nMíele ekpɔm be dziku la le gbesɔsɔ be yeato anyigba dzi, ke nu sia nu si mele Dzesia te o la, atsrɔ̃. Gake ne Wòkpɔ Dzesi ma la, Ato mía ŋu ava yi. Nusi Mawu bia na gaƒoƒo lae ma. Fĩeɣi ŋɔli Gbedeasi la, ye nye be woazã Dzesi la.\nAleke gbegbe wògblɔ na mí be agogo sukuviwo?\n•Agblɔ ko be Mexɔese la…mesu o.\n•Azɔ ƒo xlã afisi Wòle la…mesu o, awɔwò nàvɔ̃ɖi ɖe dzi.\n•Nyemefinafi o.\n•Medena Branham ƒe Agbadɔ me.\n•MEXƆ GBEDEASI LA DZI SE.\n•MEXƆ NYA ƉE SIA ƉE SI NÈGBLƆ ƉZI SE NƆVIŊUTSU BRANHAM…WOW!!!\nEma nyo, egɔme koe nye be àte ŋu axlẽ nu.\nMigava tso didiƒe nenema gbegbe ko, agblɔ be, \"Mexɔ Gbedeasi la dzi se\" o. Miɖo to gbedeasitsɔla la. Mige ɖe Kristo me!\nMitsɔ Gbedeasi la, Midee miaƒe dzi me, alebena Dzesi la, Agbe si tututu nɔ Kristo me la nanɔ miame. \"Ne Mekpɔ Ema la, mato mia ŋu ava yi.\"\nNukae Mawu nɔ gbɔgblɔm na Eƒe Ŋugbetɔ la Gbedeasi ɖe Gbedeasi megbe hã? NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO. Enyo be woaɖe gbeƒã Gbedeasi la aɖafia Gbedeasi la, gake edze be MIAƑO GBEDEASI LA.\nAleke ameaɖe ate ŋu agblɔ be yewolɔ̃a Gbedeasi la eye womedi be yewoaƒo Gbedeasi la le amewo ŋkume o mahã? Lɔlɔ̃ kadede ma ke si le nye kple Gbedeasi la dome la mele wo si, abe alesi medina be ame sia ame nava ɖe du aɖase Gbe ma si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo la o.\nXƆSE maʋãmaʋã le mía si ɖe Eƒe Nya la me. Míenye Xawa o. Míenye ɖikelawo alo le ƒoƒose wɔm kple Satana o. Míelé Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe me ɖe asi sesĩe le Biblia me, kple Nya ɖe sia ɖe me le Nyaƒoka dzi. Elabena nyaƒokawo nye Mawu ƒe susuwo tututu, si woɖe gblɔ heɖe fia Eƒe Ŋugbetɔ la, eye mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Eyae nye teƒe ɖeka si míenya be míate ŋu aɖe AMEN na Nya ɖe sia ɖe le.\nGbedeasi sia nye abolo yeye si ɖia tso Dziƒo, na míaƒe mɔzɔzɔ la. Enye Agbe Ƒe Abolo la, eye gbe sia gbe la yeyewɔwɔ tso Kristo gbɔ, tso Dziƒo, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, si vaa heyɔa míaƒe luʋɔwo fũ.\nMíele anyinɔm ɖe du kple taɖodzinu ɖeka, Mawu ƒe Nya la, eye Nya ma ɖum míele. Míele Mawu ƒe Betlexem gbɔgbɔmetɔ la me, hele Mawu ƒe gbɔgbɔme Bolo ɖum, eye míaƒe luʋɔwo le Nya ɖe sia ɖe si Wògblɔ dzi ƒum, kple \"Amen!\" Míele vivisem le Dziƒo dɔlawo ƒe Nuɖuɖu sia si wodzraɖo ɖi na mí be míaɖu azã le dzi ŋu.\nVa tu mí le Eƒe Akplɔ ŋuti aɖaɖu azã le Dziƒo dɔlawo nuɖuɖu ma ŋu kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdi ga 10 me, Jeffersonville ƒe game.\nNe mi nyaƒokatɔwo le afisia, si le nyaƒokawo sem la, adzrom be miase ema: Nukata Wòle Be Yesu Nava Betlexem ɖo.\nNukata Wòle Be Wòawɔe mahã?\nFofo la ƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi zi ɖeka ake hekpe mi Nyaƒoka Dukɔa katã be miava se Gbedeasi : Nukata Betlexem Suea 63-1214\nNye mawunyagbɔgblɔ kple Nufiafia kpã azɔ, azɔ mina MÍAZI PLAY.\nNɔvi. Joseph Branham","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/21-1226-nukata-betlexem-suea\/","date":"2022-05-20T14:26:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662532032.9\/warc\/CC-MAIN-20220520124557-20220520154557-00285.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987427592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987427592277527}","num_words":670,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ɣeyiɣi Ðoɖi\" La Tu Aƒe\nABE nyagblɔɖila Xabakuk ene la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã di vevie be woaɖe fukpekpewo ɖa. Esi wova nya nu siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ atsɔ aɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi la, wobia Yesu be: \"Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò [anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me] kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?\" (Mateo 24:3) Le nya sia ŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ be Yehowa Mawu ɖeka koe nya ɣeyiɣi si tututu Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ blibo ɖe anyigba la dzi. (Mateo 24:36; Marko 13:32) Ke hã, Yesu kple Biblia ŋlɔla bubu aɖewo gblɔ nu siwo anɔ dzɔdzɔm le xexea me, siwo aɖee afia be ɣeyiɣi ma tu aƒe la dometɔ aɖewo ɖi.—Kpɔ aɖaka si le ɖusime.\nÐe màlɔ̃ ɖe edzi be nu siawo le dzɔdzɔm le afi sia afi egbea oa? Yesu gblɔ ɖi hã be woawɔ nufiafiadɔ aɖe ade goe le anyigba katã dzi. Egblɔ be: \"Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"—Mateo 24:14.\nNu sia tututue le dzɔdzɔm egbea. Yehowa Ðasefowo le dɔ ma wɔm. Ðasefo siwo wu miliɔn adre, siwo le dukɔ 236 me, la le gbeƒã ɖem nu siwo Fiaɖuƒea ava wɔ la na amewo, eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu, ame si ƒe lɔlɔ̃nu wònye be yeaɖe fukpekpe kple vevesese ɖa la, ƒe nudidi dzɔdzɔewo. Yi edzi nànɔ nu srɔ̃m tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, ekema mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nànɔ agbe le xexe si me fukpekpe manɔ o la me tegbee.\n[Aɖaka si le axa 8]\nŊɔŋlɔ Siwo Ku Ðe Ŋkeke Mamlɛawo Ŋu\n• Aʋa siwo tɔgbi medzɔ kpɔ o\n• Anyigbaʋuʋu gãwo\n• Nuɖuɖu ƒe veve\n• Dɔvɔ̃wo\n• Sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi\n• Lɔlɔ̃ ƒe toyiyi\n• Anyigba la gbegblẽ\n• Galɔlɔ̃ vivivo\n• Tomaɖomaɖo dzilawo\n• Ameɖokuilɔlɔ̃ si gbɔ eme\n• Amemalɔmalɔ̃\n• Ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o\n• Ame ɖokui dzi maɖumaɖu nye kuxi na ame ƒomeviwo katã\n• Nu nyui malɔmalɔ̃ ƒe bɔbɔ\n• Dzidzɔkpɔkpɔlɔlɔ̃ wu esi woalɔ̃ Mawu\n• Ame geɖe gblɔna alakpatɔe be Kristotɔwoe yewonye\n• Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo le dɔ dzi\n• Kristotɔ vavãwo yome titi\n• Amewo metsɔa ɖeke le Biblia ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o\n[Nɔnɔmetata si le axa 8]\nYehowa Ðasefowo le nu fiam amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu le anyigba katã dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091201\/%C6%94eyi%C9%A3i-%C3%90o%C9%96i-La-Tu-A%C6%92e\/","date":"2022-05-22T05:38:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662543797.61\/warc\/CC-MAIN-20220522032543-20220522062543-00753.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991425872,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999142587184906}","num_words":379,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yuda\nƒe agbalẽ\n1\n1 Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:\n2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.\nMawumavɔ̃lawo ƒe nu vɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃\n3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta. 4 Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.\n5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o. 6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. 7 Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.\n8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu. 9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, \"Aƒetɔ la aka mo na wò!\" 10 Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.\n11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.\n12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene. 13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.\n14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, \"Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo, 15 ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.\" 16 Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.\nNuxɔxlɔ̃ amewo na tenɔnɔ sesĩe\n17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi. 18 Wogblɔ na mi be, \"Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.\" 19 Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.\n20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee.\n22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. 23 Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.\nYayranyawo\n24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na; 25 Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JUD01.htm","date":"2022-05-19T12:57:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00055.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998180747,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981807470321655}","num_words":808,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔla\nƒe agbalẽ\n1\nNu sia nu nye tofloko\n1 Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:\n2 Le nye nugɔmesese nu la,\nviɖe aɖeke mele naneke ŋu o;\nnu sia nu nye tofloko ko.\n3 Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba\nsiwo katã wòdzena le ɣea te la me?\n4 Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana,\nke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.\n5 Ɣe hã dzena eye wòɖoa to;\neɖea abla yia afi si wòdze tso.\n6 Ya ƒona ɖoa ta dziehe\neye wòtrɔna yia anyiehe.\nEtrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe\neye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.\n7 Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me,\nke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o.\nTsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me\neye wògatsana yia atsiaƒu la me.\n8 Nuwo katã le dagbadagba dzi\neye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu\nle eŋu wòade edeƒe o:\nnukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o\nabe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene.\n9 Nu siwo nɔ anyi va yi la,\nwoawo ke koe agatrɔ ava\neye nu siwo wowɔ kpɔ la,\nwoawo ke ko woagawɔ.\nNu yeye aɖeke mele ɣe la te o.\n10 Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be,\n\"Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye\" mahã?\nEnɔ anyi kpɔ le blema ke,\ndo ŋgɔ na mí.\n11 Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o;\nnenema ke ame siwo woava dzi la,\nmaɖo ŋku nu siwo dzɔ\ndo ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.\nNunya nye tofloko\n12 Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem. 13 Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o. 14 Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.\n15 Nu si glɔ̃ da ɖi la,\nwomagate ŋu adzɔe o\neye nu si meli o la,\nwomate ŋu axlẽe o.\n16 Megblɔ le nye dzi me be, \"Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.\" 17 Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;\n18 elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me,\neye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la,\ndzia nuxaxa ɖe edzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/ECC01.htm","date":"2022-05-17T04:47:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00739.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993776679,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993776679039001}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukatae woate ŋu atsɔ nuvɔ̃ gbãtɔ—Adam ƒe tomaɖomaɖoa—asɔ kple dɔléle aɖe si ƒe dome míenyi?\nEsɔ kple dɔléle elabena Adam ɖe nuvɔ̃a ɖe eƒe dzidzimeviwo ŋu. Esia tae míenyi nuvɔ̃ ƒe dome abe alesi ko ɖevi aɖewo xɔa dɔléle aɖe tsoa wo dzilawo gbɔ ene.—8\/15, axa 5.\n• Nu vevi kawo gbɔe ŋutasẽnuwɔwɔ siwo bɔ egbea tso?\nSatana le agbagba dzem be yeatrɔ amewo ɖa tso Yehowa ŋu to ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ƒaƒã ɖe woƒe dzi me to sinima, haƒoƒo, kɔmpiuta dzi fefe siwo doa ŋusẽ ame be wòasrɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔ kple amewuwu dzi. Ŋutasẽnuwɔwɔ siwo woɖena fiana to nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi hã wɔe be wowɔa ŋutasẽnu geɖe.—9\/1, axa 29.\n• Amekae Pontio Pilato Nye?\nEnye Romatɔ si tso ame hatsotso aɖe si ƒe ɖoƒe mekɔkɔ de dunyahemegã, ame ŋkuta siwo nɔ sewɔhaa me la tɔ nu o, eye ɖewohĩ asrafo hãe wònye. Roma Fiagã Tiberio ɖo Pilato mɔmefiae ɖe Yudea nutoa dzi le ƒe 26 M.Ŋ. me. Le ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu me la, Pilato se nya siwo Yudatɔwo ƒe amegãwo tsɔ ɖe Yesu ŋu. Esi wòdi be yeawɔ nu wòadze amehaa ŋu ta la, etso kufia na Yesu.—9\/15, axa 10-12.\n• Nukae \"dzesi\" si ŋu nya wogblɔ le Mateo 24:3 la nye?\nNu vovovowoe dzesi sia lɔ ɖe eme si na wònye dzesiƒokpli. Nusiwo le dzesi sia mee nye aʋawɔwɔ, dɔvɔ̃, kple anyigbaʋuʋuwo, eye dzesia ana Yesu yomedzelawo nanya eƒe \"anyinɔnɔ\" kple \"nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu\" ƒe aƒetutu.—10\/1, axa 4-5.\n• Teƒe kawoe Yudatɔwo nɔ le duta?\nTeƒe siwo koŋ Yudatɔ siwo menɔ Palestina nyigba dzi o la nɔ le duta le ƒe alafa gbãtɔ mee nye Siria, Asia Sue, Babilon, kple Egipte, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo hã nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto siwo nɔ Europa nyigba dzi me.—10\/15, axa 12.\n• Dzitsinya nyui ate ŋu akpɔtɔ anɔ Kristotɔ aɖe si ne ele dɔ wɔm le afisi wozãna tu kple lãnuwo lea?\nAme ŋutɔ ƒe nyametsotsoe dɔ wɔwɔ le afisi wozãna tu kple lãnu bubu aɖe le la nye. Gake ate ŋu adzɔ be dɔ wɔwɔ le afisiwo wozãa tu le ate ŋu ana ame naɖe hlɔ̃fe ne amea zã tua wòde ame aɖe ƒe agbe afɔku me loo alo wu ame aɖe si di be yeawɔ nuvevii tsɔ ɖo eteƒe nɛ. Kristotɔ si wɔa dɔ sia mate ŋu adze axɔ agbanɔamedzi le hamea me o. (Timoteo I, 3:3, 10)—11\/1, axa 31.\n• Esi \"Megido-to\" mee woɖee nya \"Harmagedon\" tsoe ɖe, ɖe wòfia be woawɔ Harmagedon-ʋaa le to aɖe si le Titina Ɣedzeƒe dzia?\nAo. To aɖeke mele Megido o, negbe kpo aɖe si le bali aɖe si le Israel kasa ko. Teƒe ma mekeke na \"anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo o.\" Woawɔ Mawu ƒe aʋa gã la le anyigba dzi katã eye eyae atsi aʋawo katã nu. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:19; Psalmo 46:9,10)—12\/1, axa 4-7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051215\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2022-05-28T17:58:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663016949.77\/warc\/CC-MAIN-20220528154416-20220528184416-00428.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974280596,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974280595779419}","num_words":473,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe Nukpɔsusu\nÐe Mawu Aŋe Aɖaba Aƒu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzia?\n'Nyemevɔ̃ɖi o! Medzea agbagba vevie be madzudzɔ agbebaɖanɔnɔ, gake ɖeko wòglom!'\nALEAE nèsena le ɖokuiwò mea, alo ènya ame aɖe si sena le eɖokui me nenema? Ame geɖe ƒo nya ta be mele bɔbɔe be woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo tsi ame si la dzi o. Aha sesẽ, atama, alo atike vɔ̃ɖiwo zazã zu numame na ame aɖewo. Ŋubiabiã xɔ aƒe ɖe ame bubu geɖewo me. Eye ame aɖewo hã ƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me vĩ kple susu be etsi yewo si xoxo.\nAbe alesi wòdze le Mateo 26:41 ene la, Yesu ɖee fia tufafatɔe be yesea amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gɔme. * Le nyateƒe me la, Biblia me nuŋlɔɖiwo katã ɖo kpe edzi eme kɔ ƒã be Yehowa Mawu kple Yesu kpɔa nublanui na amegbetɔwo vavã. (Psalmo 103:8, 9) Gake ɖe míanɔ mɔ kpɔm be Mawu aŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã dzia?\nMose Kple Dawid\nDe ŋugble le nuŋlɔɖi si ku ɖe Mose ŋu kpɔ. Wonyae be enye amesi \"fa wu amesiwo katã le anyigba dzi,\" eye eʋli vevie be yealé nɔnɔme nyui ma me ɖe asi. (Mose IV, 12:3) Le Israel-viwo ƒe mɔzɔzɔ le gbea dzi me la, wowɔa nu madzemadzewo zi geɖe eye womedea bubu Mawu kple eƒe amedɔdɔwo ŋu o. Ke hã Mose di Mawu ƒe mɔfiafia ɖokuibɔbɔtɔe.—Mose IV, 16:12-14, 28-30.\nGake esi wòkpɔtɔ vie woawu woƒe mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋua nu la, dzi va kui ɖe dukɔ bliboa ŋu eye wòda le Mawu ƒe mɔfiafia dzi. Mawu tsɔe kee, gake ɖe Wòŋe aɖaba ƒu nudzɔdzɔ ma dzia? Ao. Egblɔ na Mose be: \"Mieɖo ŋu ɖe ŋunye o . . . , eyata miakplɔ ha sia ade anyigba, si matsɔ na wo la dzi o.\" Mose made Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Le fukpekpe ƒe 40 sɔŋ ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mawo katã ta megbe la, blibomademade na teƒeɖoɖoa to eŋu.—Mose IV, 20:12.\nFia Dawid hã nye mawuvɔ̃la bubu si ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ nɔ. Eva ɖo ɣeaɖeɣi si megate ŋu ɖu eƒe seselelãme dzi o eye wòdɔ kple ame bubu srɔ̃. Edze agbagba be yeatsyɔ nu edzi eye wòna wowu srɔ̃aŋutsua. (Samuel II, 11:2-27) Emegbe eva se veve ɖe eƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔa ta vevie, eye Mawu tsɔe kee. Gake Dawid tsrɔ̃ ƒome aɖe, eye Yehowa mekpɔ eta le dzɔgbevɔ̃e si va ɖe eyome me o. Dawid viŋutsuvia dze dɔ vevie, eye Yehowa mexɔ nɛ o togbɔ be Dawid do gbe ɖa ɖe eta hã. Ðevia va ku, eye afɔku bubuwo kplɔ wo nɔewo ɖo va Dawid ƒe aƒea dzi. (Samuel II, 12:13-18; 18:33) Dawid kpe fu vevie ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ta.\nKpɔɖeŋu siawo ɖee fia be Mawu nana amegbetɔwo kpɔa woƒe agbebaɖanɔnɔ me tsonuwo. Ele be amesiwo di be yewoasubɔe naɖɔ nusiwo me wogbɔdzɔ le le gbɔgbɔmemenyenye me la ɖo eye woazu Kristotɔ ɖɔʋuwo. Ame geɖewo wɔe nenema le ƒe alafa gbãtɔ me.\nƲiʋli be Woadzudzɔ Nuvɔ̃wɔwɔ\nWobua apostolo Paulo wòsɔ nyuie be enye Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe kpɔɖeŋuɖola. Gake ɖe nènya be enɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzia? Romatɔwo 7:18-25 ƒo nu tso ʋiʋli sia ŋu eme kɔ nyuie, eye kpukpui 23 yɔe be 'aʋawɔwɔ.' Paulo wɔ avu madzudzɔmadzudzɔe, elabena enya be nuvɔ̃ nu menya tsina o.—Korintotɔwo I, 9:26, 27.\nKristotɔ siwo nɔ blema Korintotɔ hamea me dometɔ aɖewo nye nugbegblẽwɔlawo tsã. Biblia gblɔ be wonye 'matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu, fiafitɔwo, ŋubiãlawo, kple ahamulawo.' Gake egagblɔ be \"wole tsi na\" wo. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Le mɔ ka nu? Wodo ŋusẽ wo kple sidzedze vavãtɔ, Kristotɔwo ƒe hadede, kpakple Mawu ƒe gbɔgbɔ be woadzudzɔ agbebaɖanɔnɔ. Mlɔeba la, Mawu va bu wo ame dzɔdzɔewo le Kristo ƒe ŋkɔ me. Ẽ, Mawu tsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo, eye wòna dzitsinya nyui su wo si.—Dɔwɔwɔwo 2:38; 3:19.\nPaulo kple Kristotɔ siwo nɔ Korinto mebu woƒe nuvɔ̃menyenye nu tsɛ o. Ke boŋ wowɔ avu kpli wo, eye wokpɔ dziɖuɖu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo va dze na kafukafu le agbenyuinɔnɔ me, togbɔ be nugbegblẽwɔwɔ ƒo xlã wo eye blibomademade ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le wo ŋu hã. Ke míawo ya ɖe?\nMawu Di be Míaɖu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi\nGbɔdzɔgbɔdzɔ dzi ɖuɖu mana be wòaɖe ɖa keŋkeŋ o. Togbɔ be mele be míaɖe mɔ ɖe míaƒe blibomademade ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu o hã la, míate ŋu aɖee ɖa keŋkeŋ o. Egbɔdzɔna ame le mɔ vovovowo nu wote ŋu va zua numamewo. Ke hã mele be míana ta o. (Psalmo 119:11) Nukatae esia le vevie?\nElabena Mawu meɖea mɔ be blibomademade nazu taflatsedonu ɣesiaɣi na agbebaɖanɔnɔ o. (Yuda 4) Yehowa di be amegbetɔwo nawɔ ɖɔɖɔɖo be woanɔ agbe nyui. Biblia la gblɔ be: \"Mitsri nuvɔ̃.\" (Romatɔwo 12:9) Nukatae Mawu tɔ afɔ to sesĩe alea gbegbe ɖo?\nSusu ɖeka enye be mɔɖeɖe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋu gblẽa nu le ame ŋu. Biblia gblɔ le Galatiatɔwo 6:7 be: \"Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.\" Zi geɖe la, amesiwo ɖea mɔ numãme aɖewo tsia wo si, alo biãa ŋu, alo nɔa agbegbegblẽ la ŋea wo me tsonu vɔ̃ɖiwo le woƒe agbe me. Gake eganye le susu aɖe si le vevie wu tae.\nNuvɔ̃wɔwɔ nye agɔdzedze le Mawu dzi. 'Eklãa' mía kple Yehowa dome. (Yesaya 59:2) Esi Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo nɔa nuvɔ̃wɔwɔ dzi ŋu o ta la, exlɔ̃ nu ame mawo be: \"Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! . . . eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ.\"—Yesaya 1:16.\nMía Wɔla la lɔ̃a ame eye wòkpɔa nublanui. \"Melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.\" (Petro II, 3:9) Tanana le gbɔdzɔgbɔdzɔ me ɣesiaɣi mana Mawu nave mía nu o. Esi Mawu meŋea aɖaba ƒua míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi o ta la, mele be míawo hã míawɔe o.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 5 Yesu gblɔ be: \"Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021108\/%C3%90e-Mawu-A%C5%8Be-A%C9%96aba-A%C6%92u-M%C3%ADa%C6%92e-Gb%C9%94dz%C9%94gb%C9%94dz%C9%94wo-Dzia\/","date":"2022-07-05T15:29:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104585887.84\/warc\/CC-MAIN-20220705144321-20220705174321-00151.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975764751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975764751434326}","num_words":916,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo,+ le esia ŋlɔm ɖo ɖe amedzro siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia,+ Asia kple Bitinia nutowo me. Ame siwo nye ame tiatiawo 2 le Mawu, Fofo la, ƒe nunyanya do ŋgɔ la nu,+ eya, ame si tsɔ gbɔgbɔ la kɔ wo ŋu+ be woanye toɖolawo, ame siwo ŋu wohlẽ Yesu Kristo ƒe ʋu ɖo la:+ Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. 3 Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe me la, edzi mi yeyee+ to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome+ dzi hena mɔkpɔkpɔ gbagbe,+ 4 be míaxɔ domenyinu magblemagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o.+ Wodzrae ɖo ɖe dziƒo na mi,+ 5 ame siwo ŋu dzɔm Mawu le kple eƒe ŋusẽ la le miaƒe xɔse ta, ale be miakpɔ xɔxɔ si woava ɖe ɖe go kpuie le ɣeyiɣi mamlɛa me. 6 Miele aseye tsom le esia ta, togbɔ be tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na mi fifia hena ɣeyiɣi vi aɖe hã,+ 7 ale be miaƒe xɔse si wodo kpɔ,+ si xɔ asi sãsãsã wu sika si gblẽna togbɔ be wodonɛ kpɔ kple dzo* hã la, nahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe kpakple bubu avɛ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.+ 8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e. Togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔa edzi sena, eye miekpɔa dzidzɔ gã manyagblɔ hetsoa aseye, 9 esi mieɖo miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ* la gbɔ ta.+ 10 Xɔxɔ sia tututu ŋue nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le amenuveve si miava kpɔ ŋuti la, dzro nu me vevie hewɔ numekuku tsitotsito le.+ 11 Wodzro nu me vevie tso ɣeyiɣi si tututu alo azãgbe si gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiamee tso Kristo ŋuti,+ esime wòle ɖase ɖim do ŋgɔ le fu siwo Kristo akpe+ kple ŋutikɔkɔe si adze eyome la ŋuti. 12 Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwoe wonɔ subɔsubɔdɔ wɔm na o, ke boŋ miawoe wonɔ ewɔm na; nu siawoe ame siwo ɖe gbeƒã nya nyui la na mi to gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo, dzi la gblɔ na mi azɔ.+ Nu siawo tututu me kpɔkpɔ tsitotsito dzroa mawudɔlawo. 13 Eya ta midzra miaƒe susuwo ɖo hena dɔwɔwɔ;+ minɔ mo xexi bliboe;+ mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve si miakpɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi. 14 Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzodzro siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la nayi edzi anɔ miaƒe nɔnɔme trɔm o, 15 ke boŋ miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene,+ 16 elabena woŋlɔ ɖi be: \"Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.\"+ 17 Eye ne mieyɔa Fofo la, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe+ ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu la, ekema minɔ agbe le vɔvɔ̃ me+ le ɣeyiɣi si mienye amedzrowo la me. 18 Elabena mienyae be menye nu siwo gblẽna, klosalo alo sika, ye wotsɔ ɖe mi*+ tso agbenɔnɔ maɖevi si mia tɔgbuiwo gblẽ ɖi na mi la me o. 19 Ke boŋ ʋu xɔasi ye wotsɔ ɖe mi,+ abe alẽvi si nu mewɔ afi aɖeke na o,+ si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la tɔ ene, si nye Kristo ƒe ʋu.+ 20 Nyateƒee, wonyae ɖi do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi,*+ ke ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwue woɖee fia le mia ta.+ 21 Eya dzie mieto xɔ Mawu,+ ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome+ hetsɔ ŋutikɔkɔe+ nɛ la, dzi se, ale be miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi. 22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo* ŋu to toɖoɖo nyateƒea me, ale be nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o+ va le mia dome la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.+ 23 Elabena wodzi mi yeyee,+ menye to dzidzi si gblẽna me o, ke to esi megblẽna o boŋ me,+ to Mawu gbagbe si nɔa anyi ɖaa ƒe nya la dzi.+ 24 Elabena \"ŋutilãwo* katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ la katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene; gbe yrɔna, eye seƒoƒo duduna, 25 ke Yehowa* ƒe nya ya nɔa anyi tegbee.\"+ Eye \"nya\" siae nye nya nyui si wogblɔ na mi la.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"wodzaa eŋu.\"\n^ Alo, \"miaƒe luʋɔwo xɔxɔ ɖe agbe.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ye wotsɔ xe mia tafe.\"\n^ Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.\n^ Alo, \"miaƒe luʋɔwo.\"\n^ Alo, \"amegbetɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-petro\/1\/","date":"2022-08-15T01:00:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882572089.53\/warc\/CC-MAIN-20220814234405-20220815024405-00265.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987966418,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987966418266296}","num_words":703,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TV—Ɣeyiɣifilae Wònyea?\nNE AME aɖe na wò ga dɔlar miliɔn ɖeka be nàdzudzɔ television kpɔkpɔ le wò agbemeŋkekewo katã me ɖe, àdzudzɔa? Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, wobia gbe Amerikatɔwo le numekuku aɖe me, eye wo dometɔ 1 le 4 ɖesiaɖe me gblɔ be yewomadzudzɔ o. Le numekuku bubu me la, wobia gbe ŋutsuwo be woagblɔ nusi wodina vevie wu. Ame akpa gãtɔ gblɔ be yewodi be yewoanɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me. Gake menye nusiawoe le vevie na wo wu o. Nusi nɔ vevie na wo wu le agbe mee nye be television nukpɔmɔ̃ gã aɖe nasu yewo si!\nAmewo kpɔa dzidzɔ ɖe television ŋu ŋutɔ le xexeame godoo. Tso keke ƒe 1931 me, esime wotoe vɛ teti la, Amerikatɔwo ƒe Radiodɔwɔƒe dzikpɔla gblɔ be: \"Ne television va xɔ anyi nɔ keŋkeŋ eye wòde ŋgɔ nyuie la, esɔ be míakpɔ mɔ be anyigba dzi tɔwo katã anye ekpɔlawo.\" Le ɣemaɣi la, woanya bui be nya mawo nye amiɖeɖe ɖe nya ŋu akpa, gake egbea wokpɔe be enye nyateƒe. Wobu akɔnta be television siwo katã le xexeame ƒe xexlẽme ade miliɔn 1,500, eye ekpɔlawo hã le agbɔ sɔm ɖe edzi ŋutɔ. Amewo ɖakpɔa dzidzɔ ɖe television ŋu loo alo womekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu o, ele akpa vevi aɖe wɔm le amewo ƒe agbe me.\nƔeyiɣi si gbegbe amewo tsɔ kpɔa television la mele gbɔgblɔ me o. Nyitsɔ laa la, numekuku aɖe si wowɔ le xexeame godoo ɖee fia be le mama dedie nu la, amewo zãa gaƒoƒo etɔ̃ kple edzivɔ ko gbesiagbe tsɔ kpɔa television. Dziehe Amerikatɔwo zãa gaƒoƒo ene kple afã tsɔ kpɔa television gbesiagbe, gake Japantɔwo ya zãna gaƒoƒo atɔ̃ gbesiagbe tsɔ kpɔnɛ, si nye gbogbotɔ kekeake. Ne woƒo gaƒoƒo mawo katã nu ƒu la, enye ɣeyiɣi gbogbo aɖe ŋutɔ. Ne míekpɔa television gaƒoƒo ene gbesiagbe la, kaka míaxɔ ƒe 60 la, míazã ƒe ewo atsɔ kpɔ television. Ke hã, ne èbu eŋu kpɔ la, mía dometɔ aɖeke malɔ̃ be woaŋlɔ ɖe yeƒe yɔdokpe dzi be, \"Mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ si zã eƒe agbemeŋkekewo katã ƒe akpa ɖeka le ade me tsɔ kpɔ television la ƒe yɔdoe nye esia\" o.\nÐe wònye esi television kpɔkpɔ doa dzidzɔ na amewo tae wozãna gaƒoƒo gbogbo ma tsɔ kpɔnɛ ɖoa? Ao, mele nenema kokoko o. Ame geɖe kpɔe be yewozãna ɣeyiɣi geɖe akpa tsɔ kpɔa television, eye etena ɖe wodzi be yewomezã yewoƒe ɣeyiɣia le mɔ si aɖe vi na yewo wu nu o. Ame aɖewo gblɔna be \"Television kpɔkpɔ zu numãme na yewo.\" Gake television kpɔkpɔ mate ŋu azu numãme na wò abe alesi gbegbe atike vɔ̃ɖiwo zazã zua numãme na ame ene o, togbɔ be wosɔ le nanewo gome hã. Amesiwo atike vɔ̃ɖi aɖe zazã zu numãme na la zãna ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu. Togbɔ be wodina be yewoaɖe ɣeyiɣi si yewozãna ɖe eŋu dzi akpɔtɔ alo aɖe asi le numãme sia ŋu hã la, womete ŋu wɔnɛ o. Wotsɔa hadome kple ƒome wɔna veviwo saa vɔe ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã ta, eye eɖea fu na wo vevie ne wodzudzɔ ezazã. Nusiawo tɔgbe ate ŋu aɖe fu na amesiwo kpɔa television fũ akpa hã.\nLododowo 25:27) Gɔmeɖose sia ku ɖe television kpɔkpɔ hã ŋu. Togbɔ be television ɖea vi le nu geɖe me hã la, ekpɔkpɔ fũ akpa ate ŋu aɖe ɣeyiɣi si wòle be ame nazã ɖe eƒe ƒomea ŋu dzi akpɔtɔ, ate ŋu awɔe be ɖeviwo magalé fɔ ɖe nuxexlẽ ŋu o, ahana be woƒe agbagbadzedze le suku dzi naɖe akpɔtɔ, eye ate ŋu ana hã be ame nalolo fũ akpa. Ne èzãna ɣeyiɣi geɖe fũ akpa ɖe television kpɔkpɔ ŋu la, nunya le eme be nàde ŋugble tso viɖe si nèkpɔna tsoa eme ŋu. Míaƒe ɣeyiɣiwo xɔ asi ale gbegbe be mele be míazã wo yakayaka o. Nunya le eme be míabu nusiwo míekpɔna le television dzi hã ŋu. Míaƒo nu tso nya siawo ŋu le nyati si gbɔna me.—g10\/06.Fia Salomo nunyala la gblɔ be: \"Anyitsi geɖe nono menyo o.\" (","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200610\/TV%E2%80%8B-%C6%94eyi%C9%A3ifilae-W%C3%B2nyea\/","date":"2022-08-11T18:03:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571483.70\/warc\/CC-MAIN-20220811164257-20220811194257-00584.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965081215,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965081214904785}","num_words":648,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"50 Ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Afi kae mia dada si megbe la ƒe srɔ̃gbegbalẽ+ le? Alo nye fetɔ kae metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa! Miawo ŋutɔwo miaƒe vodadawo tae+ wotsɔ mi dzra ɖo,Eye miawo ŋutɔwo miaƒe dzidadawo tae wogbe mia dada ɖo.+ 2 Nu ka tae esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka tae esi meyɔ ame la, ame aɖeke metɔ o?+ Ðe nye alɔ to ɖe eme, ale be mate ŋu aɖe ame oa,+Alo ɖe ŋusẽ mele asinye be maxɔ na ame oa? Kpɔ ɖa! Meblu ɖe atsiaƒu ta wòmie;+Mena tɔsisiwo zu gbegbe.+ Wo me lãwo ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu,Eye woku le tsikɔwuame ta. 3 Meta blukɔ na dziƒowo,+Eye metsyɔ akpanya na wo.\" 4 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe* nam,+Ne manya nya si tututu magblɔ na* ame si ŋu ɖeɖi te.+ Enyɔam ŋdi sia ŋdi;Eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.+ 5 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ʋu to nam,Eye nyemedze aglã o.+ Nyemetrɔ ɖe afi bubu o.+ 6 Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom,Eye metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa fu.* Nyemeɣla nye mo ɖe vlododo kple taɖeɖe o.+ 7 Ke Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa akpe ɖe ŋunye.+ Esia tae ŋu makpem o. Esia tae mena nye mo sẽ abe ahliha ene,+Eye menyae be ŋu makpem o. 8 Ame si tsoa afia dzɔdzɔe nam la le kpuiƒe. Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye?*+ Nena míatso ɖe mía nɔewo ŋu.* Ame kae tsɔ nya ɖe ŋunye? Nete ɖe ŋunye. 9 Kpɔ ɖa! Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa akpe ɖe ŋunye. Ame kae abu fɔm? Kpɔ ɖa! Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene. Agbagblaʋui aɖu wo. 10 Mia dometɔ kae vɔ̃a YehowaHeɖoa to eƒe subɔla ƒe gbe?+ Ame kae zɔ viviti tsiɖitsiɖi me afi si kekeli aɖeke mele o? Neɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu. 11 \"Kpɔ ɖa! Mi ame siwo katã doa dzo,Eye mienana dzoxiwo hlẽna,Mizɔ le miaƒe dzo ƒe kekeliKple dzoxi siwo lé dzo la nu. Nu si miakpɔ tso asinye mee nye be: Miamlɔ vevesese ɖeɖe ko me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"aɖe si womla nyuie.\"\n^ Agate ŋu afia, \"matsɔ ado ŋusẽ.\"\n^ Alo, \"ame siwo nyɔa ge.\"\n^ Alo, \"ahe nya kplim.\"\n^ Alo, \"Neva míadze ŋgɔ mía nɔewo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/50\/","date":"2022-10-04T23:18:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337529.69\/warc\/CC-MAIN-20221004215917-20221005005917-00611.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993467927,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993467926979065}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.146,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Je refuse de vous dire bonne année dans une langue que j'ai en héritage, le Français\nƑenuwuwu ƒe gbedoname na tɔnyewo\nAgooo na mi tɔnye wo! ».\nMedo ƒegbe na mi kata. Medi ƒe nuwuwu\nƒe dzɔgbenyui na mi.\nTsitsiawo gblɔna be: agbe ka didi legbea, ameŋutɔe henɛ na eɖokui. Mina mía le be na míaƒe dzidzɔ kpɔkpɔwo, hadedewo, nunonowo, nuɖuɖuwo kple bubuawo. Elabena ƒe nuwuwu menye agbe ƒe nuwuwu wò nye o.\nEʋukɔɖeanyi kple bubuawo me nye nya yeye wonye na mí o. Le esiata mina míanɔ ŋudzɔ le míaƒe nuwɔnawo katã me. Ne nye be ga meli o hãa mikutsi ne miano aha kpɔ dzidzɔ le mianɔƒewo, kple miaviwo, miasrɔwo, miaƒometɔwo kple nɔvi nɔviwo: Ne naneke mele xɔme o hã, wolea ʋuɔ dona, ameaɖeke megava do ga ɖe eƒe sia ŋu o, eye mega wɔ ɖokuiwò abe nublanui tɔ ene hã o. Koklo ƒenya medzɔna le Aʋako ƒe ʋɔnu o, amee nɔ ame ŋu hafi wonyea zã mi.\nƑe akpe eve kple blave vo eve (2022) nye nugbedoƒe na mí katã.\nAkpe na mi.\nBlonya Na mi Looo! Medi ƒe xoxo kple yeyea ƒe dzɔgbenyuie na mi katã le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ xɔasi la me!!🤝🏾\nJosé Éric Kodjo GAGLI","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/togonyigba.tg\/le-directeur-general-du-groupe-de-presse-togonyigba-vous-presente-ses-voeux-de-la-nouvelle-annee-2022-en-ewe-%C6%92enuwuwu-%C6%92e-gbedoname-na-t%C9%94nyewo\/","date":"2022-10-03T12:18:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337415.12\/warc\/CC-MAIN-20221003101805-20221003131805-00017.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981756806,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981756806373596}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video siawo ƒo nu tso nya vevi aɖewo ŋu gake wotrɔ asi le eŋu be nusɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na ame!\nLé be na ga fifia ale be ne èva hiãe la, nàkpɔ ɖe azã!\nAme geɖe gakpɔtɔ le atama alo sigaret nom, gake ame aɖewo dzudzɔ enono, eye ame aɖewo hã le ʋiʋlim vevie be yewoadzudzɔ. Nu ka tae? Ðe atamanono nye nu gbegblẽ nenema gbegbea?\nVideofefewo ƒoƒo ate ŋu avivi nuwò ŋutɔ, gake woate ŋu agblẽ nu le ŋuwò hã. Aleke nàwɔ aƒo asa na esia eye nànye ame si ɖua dzi ŋutɔŋutɔ le agbe me?\nNu kae nàwɔ ne èléa blanui vevie?\nZi geɖe ne amewo mu aha la, wogblɔa nya aɖewo alo wɔa nu siwo va vea wo emegbe. Nu kae nàwɔ be nàƒo asa na afɔku siwo dona tsoa aha nono fũu me?\nElektrɔnikmɔ̃wo va bɔ egbea ŋutɔ, gake mele be nàɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi o. Aleke nàwɔ anya nenye be wò mɔ̃a zazã zu numame na wò? Ne ezazã zu numame na wò la, aleke nàwɔ aɖu ɖokuiwò dzi?\nAte ŋu awɔ na wò be yedze na ablɔɖe geɖe wu azɔ, gake ɖewohĩ dziwòlawo ya mekpɔe nenema o. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be woaka ɖe dziwò?\nƔesiaɣi si ameŋugbegblẽ ge ɖe dze si ɖom miele me la, wɔ nane tso eŋu!\nSrɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ gbãŋku kple lɔlɔ̃ vavã ŋu.\nAfɔɖeɖe ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ ɖokuiwò me ke menye be woaƒo nya ɖe nuwò o.\nÀte ŋu ase vivi na dzeɖoɖo kple xɔlɔ̃wòwo le internet dzi evɔ màde ɖokuiwò afɔku me o.\nAlakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?\nKpɔ nu siwo tae amewo wɔa anyra ɖe ame ŋu kple ale si nàwɔ anɔ te ɖe anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu nu dzidzedzetɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nutata-%C6%92e-videowo\/","date":"2022-09-27T18:20:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335054.79\/warc\/CC-MAIN-20220927162620-20220927192620-00298.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993917942,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993917942047119}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nWoyɔa Yesu le Biblia me zi geɖe be \"Mawu ƒe Vi.\" (Yohanes 1:49) Biblia zã nyagbɔgblɔ \"Mawu ƒe Vi\" le gɔmesesea nu be Mawue nye Wɔla la, alo agbe ɖe sia ɖe Dzɔtsoƒe eye Yesu ƒe agbe hã le eme. (Psalmo 36:9; Nyaɖeɖefia 4:11) Biblia megblɔ be Mawu dzi Yesu abe ale si amegbetɔwo dzia vi ene o.\nWoyɔa mawudɔlawo hã le Biblia me be \"Mawu vavã la ƒe viwo.\" (Hiob 1:6) Biblia gblɔ tso amegbetɔ gbãtɔ, Adam, ŋu be enye \"Mawu ƒe vi.\" (Luka 3:38) Ke hã, esi wònye be Yesue nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye eya koe nye ame si Mawu ŋutɔ wɔ tẽe ta la, Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be enye Mawu ƒe Vi vevitɔ.\nÐe Yesu nɔ dziƒo kpɔ hafi wova dzii ɖe anyigba dzia?\nMawu wɔ Yesu hafi wɔ nu bubu ɖe sia ɖe. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be:\n\"Eyae nye . . . nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.\"—Kolosetɔwo 1:15.\nEyae nye \"Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze.\"—Nyaɖeɖefia 3:14.\nNu kawoe Yesu nɔ wɔwɔm le dziƒo hafi va anyigba dzi?\nEnɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖe le dziƒo. Yesu he susu yi ɖoƒe sia dzi esi wòdo gbe ɖa be: \"Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi.\"—Yohanes 17:5.\nEkpe ɖe Fofoa ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Yesu wɔ dɔ aduadu kple Mawu abe \"dɔwɔla bibi\" ene. (Lododowo 8:30) Biblia gblɔ le Yesu ŋu be: \"Eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi.\"—Kolosetɔwo 1:16.\nMawu to Yesu dzi wɔ nu bubuwo katã. Wo dometɔ aɖewoe nye mawudɔlawo kple xexe gbahooa. (Nyaɖeɖefia 5:11) Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ ale si Mawu kple Yesu wɔ dɔ aduadui la asɔ kple ale si xɔtuɖaŋunyala kple xɔtula wɔa dɔe. Xɔtuɖaŋunyalaa wɔa ale si woatu xɔa ƒe nɔnɔmetata, eye xɔtulaa kpɔa nɔnɔmetataa dzi tua xɔa.\nYesu nye Nya la. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe agbenɔnɔ le dziƒo do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi vava ŋu la, eyɔe be \"Nya la.\" (Yohanes 1:1) Anɔ eme be esia fia be Mawu to Via dzi tsɔ gbedeasiwo kple mɔfiamewo na mawudɔla bubuawo.\nAzɔ hã, anɔ eme be Mawu zã Yesu abe eƒe Nyanuɖela ene tsɔ ƒo nu na amegbetɔwo le anyigba dzi. Anɔ eme be Mawu ƒo nu to Yesu dzi abe Nya la ene esime wònɔ mɔfiame nam Adam kple Xawa le Eden-bɔa me. (1 Mose 2:16, 17) Ðewohĩ Yesu ye nye mawudɔla si kplɔ blema Israel-viwo le gbea dzi, ame si ƒe gbe dzi wòle be Israel-viwo nawɔ pɛpɛpɛ.—2 Mose 23:20-23. a","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/yesu-mawu-%C6%92e-vi\/","date":"2023-01-27T22:09:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764495012.84\/warc\/CC-MAIN-20230127195946-20230127225946-00531.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989808798,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989808797836304}","num_words":417,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi\nMawu ƒe Ʋu kadodo, Dzesi kadodo, Nubabla dukɔ lɔlɔ̃a.\nMiɖo ŋku dzi ko be, míenye Xawa o, míenye ɖikela siawo dometɔ ɖeka siwo le ƒoƒose wɔm kple Satana o. Xɔse maʋamaʋa le mía si ɖe Nya sia me! Míelé Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe si Wòŋlɔ hegblɔ ɖe Nyaƒokawo dzi me ɖe asi sesĩe. Ena mí XƆSE DEBLIBO.\nMíele xɔse gã aɖe si wòdze be wòanɔ míaŋutɔwo me dzi kpɔm o. Míele agbagba dzem be míanyo kakaka o; míete ŋu le nyonyo ge kakaka kpɔ gbeɖe o, míele ƒu da ge kokoko. Menye nu ma mee Wògblɔ na mí be míaɖo xɔse ɖo o. Egblɔ be xɔse nanɔ mia si eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE si Wògblɔ dzi se be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. MÍELE EWƆM eye Wòna mí XƆSE DEBLIBO ƉE EƑE NYA ME.\nMina míase nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe le nanam abe akɔŋta hele gbɔgblɔm na Fofo la kuɖe mía ŋu la ɖa.\n\"Meɖo to wò sededeawo. Medi hekpɔ ame ƒe hatsotso sue aɖewo siwo kaka ɖe xexea katã me. Medɔ nyaƒokaƒola aɖewo ɖo ɖe woƒe aƒe me eye woƒo nyaƒoka aɖewo. Esime wose nyaƒokawo la, woxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Azɔ wotrɔ woƒe aƒe zu hame be wòaxɔ Gbedeasi la. Wonye Wò Hɔ̃wo siwo le ƒuƒom be yewoase Wò Nya la.\nMegblɔ na wo be amesiwo katã ava Dzesi La, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la te la, woakpɔ ɖeɖe. Megblɔ na wo bena woazu Ɖeka kpli Wò kple Wò Nya la. Ne Wòwɔ dɔ ɖe wodzi la, ekema zã Dzesi ma ɖe woviwo dzi. Zãe ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi eye kplɔwo va Dzesi ma te ke woawo hã woakpɔ ɖeɖe.\nMegblɔ na amesiwo nɔ nyaƒoka la sem be: Mebia wo na Mawu. Woxɔ Esia se esime Megblɔ Esia, kple woƒe dziwo kple luʋɔwo katã.\nTɔnye wonye, amesiwo melɔ̃na siwo le nyaƒokawo sem.\nMegblɔ na wo be woalé ŋku ɖe nusi ava le Nutrenu Adreawo megbe ŋu: amewo ƒe ɖekawɔwɔ, dzesiwo ƒe ɖekawɔwɔ, dzodzĩ si le keklẽm mĩamĩamĩa le ŋkeke mamleawo me, wotsyɔ ta na wo le nu ɖeka sia me, Dzesi la.\"\nOo, Hame, tso eye ʋuʋu ɖokuiwò! Do fetsu wò dzitsinya, nyo ɖokuiwò, le gaƒoƒo sia me! Edze be míatsi dzodzodzoe! Nane gbɔna tso Aƒetɔ la gbɔ! Menyae abe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ene. Nane gbɔna, eye anyo na mí wu be míatsi dzodzodzoe. Ele Agbe kple ku do me. Ato mía ŋu eye míakpɔe o.\nMíenya bena nane le dzadzraɖo wɔm be yeadzɔ. Aƒetɔ la ƒe vava anye dzodzo kpata, kple aɖzametɔ. Míezu amesiwo tsi dzodzodzoe. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Míede dzesi Dzesi la na míaƒe ŋkeke la eye wozãe.\nMíele ŋutititozã ƒe dzesiwo ŋuti dɔ wɔm le Kɔsiɖagbe sia esi woɖu le nɔnɔme kpata aɖe me, le dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣiwo me. Míele ƒuƒom ɖe du le xexea katã me, le Eƒe Nya ŋu.\nVa kpɔ gome le nudzɔdzɔ gã sia me Kɔsiɖagbe sia le wòtrɔ ga 4 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒoƒu be míase Nya : 63-0901E —Dzodzodzoetsitsi.\nNɔvi. Joseph Branham\nMose II 12:11\nYeremya 29:10-14\nLuka Kɔkɔe 16:16\nYohanes Kɔkɔe 14:23\nGalatiatɔwo 5:6\nYakobo Kɔkɔe 5:16","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/22-0612-dzodzodzoetsitsi\/","date":"2023-03-22T18:15:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296944452.74\/warc\/CC-MAIN-20230322180852-20230322210852-00740.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991564751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991564750671387}","num_words":515,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gli ƒe akɔntabubu\nTsɔ didimewo de sentimeta me\nX\n- Gable gli ƒe kekeme\nZ\n- Axadzigli ƒe didime\nY\n- Kɔkɔme le afɔti la ƒe togbɛa dzi\nH\n- Dzogoedzigli ƒe kɔkɔme\nF\n- Axadzigli ƒe ʋuƒo ƒe kɔkɔme\nT\n- Gli ƒe titrime\nÐoɖowɔɖia akpe ɖe ame ŋu wòabu akɔnta le xɔtunu agbɔsɔsɔme si woatsɔ awɔ xɔ si wotsɔ anyikpe, xɔtunu, ati alo xɔtunu ƒe gotagliwo ŋu.\nFia alesi gaƒoɖokui la ƒe togbɛa ƒe kɔkɔme sɔ kple gli la ƒe kɔkɔme ne èle akɔnta bum ɖe dzisasrã ɖeka ƒe gliwo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/steni\/","date":"2023-06-02T08:50:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648465.70\/warc\/CC-MAIN-20230602072202-20230602102202-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998778105,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998778104782104}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le xɔtuɖaŋu ƒe kɔla ƒe didime ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nD\n- Pɔmpi ƒe didime\nB\n- Stud ƒe didime\nH\n- akpa siwo wotsɔ ka wɔe ƒe didime\nZ\n- Memama\nXɔtunuwo ƒle menye kuxi fifia o. Wodzraa nusiwo wotsɔ blaa nu na wɔna ɖesiaɖe.\nKplamatsedonu siwo wotsɔ blaa pɔmpiwo, nulénu siwo wotsɔ dzraa pɔmpiwo ɖo le woƒe lolome kple taɖodzinu vovovowo me.\nGake ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ fiase si me wodzraa nu siwo wotsɔ blaa nu le la manɔ afima o eye ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ kɔla si wotsɔ blaa nu.\nKplamatsedonu la nyea ka si wotsɔ ka blae si me nukuwo le kple nyaƒoɖeamenu gbadzɛ.\nWobɔbɔ ɖaa ɖe pɔmpia ƒe didime nu eye ga si wotsɔ blaa ɖae la sɔ gbe.\nWoɖea do eve ɖe nyaƒoɖeamenu ƒe agbaa me. Wotsɔe dea ɖaƒoƒomɔ̃ dzi eye wominɛ ɖe pɔmpia ŋu, abe nusi wotsɔna léa nu ene.\nWozãnɛ zi geɖe le gliwo tutu me, afisi wotsɔa atitsogawo blana ɖe agbaa ŋu le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/clamp\/","date":"2023-06-09T18:39:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224656788.77\/warc\/CC-MAIN-20230609164851-20230609194851-00446.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989144802,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989144802093506}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.099,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzidzɔkpɔkpɔ Mavɔ—Le Dziƒo Loo Alo Le Anyigba Dzi?\nAFISI nèle dzie wò dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo koŋua? Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi enumake be nuwo abe lãmesẽ, agbe me taɖodzinu aɖe, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo dzie dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo wu. Biblia me lododo aɖe gblɔe ale: \"Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.\"—Lododowo 15:17.\nGake nublanuitɔe la, fuléle, ŋutasesẽ, kple vɔ̃ɖinyenye ƒomevi bubuwoe le míaƒe aƒe si nye anyigba la dzi tso gbaɖegbe ke. Ke dziƒo, alo gbɔgbɔmenuto, si ame geɖe le mɔ kpɔm be yewoayi ne yewoku ya ɖe? Teƒe si dzidzɔkpɔkpɔ, ŋutifafa, kple dziɖeɖi le, si fuɖename ƒomevi aɖeke menɔ kpɔ o ye wònye, abe alesi ame geɖe susui enea?\nBiblia fia nu be dziƒo nye Mawu kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ miliɔn geɖe, siwo woyɔna be mawudɔlawo nɔƒe. (Mateo 18:10; Nyaɖeɖefia 5:11) Woyɔ amesiawo be 'Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo.' (Hiob 38:4, 7) Abe amegbetɔwo ene la, tiatiawɔblɔɖe le mawudɔlawo hã si; menye mɔ̃woe wonye o. Eyata efia be woawo hã woate ŋu atia be yewoawɔ nu nyui alo nugbegblẽ. Ðe mawudɔlawo atia be yewoawɔ nugbegblẽa? Awɔ nuku na ame aɖewo ne wose be ƒe akpe geɖewoe nye si va yi la, mawudɔla gbogbo aɖewo wɔe, le nyateƒe me la, wowɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu—wodze aglã ɖe eŋu!—Yuda 6.\nAglãdzelawo le Dziƒo\nNuvɔ̃ do mo ɖa le gbɔgbɔmenutowo me le mawudɔla aɖe, si wova yɔ be Satana (Tsitretsiɖeŋula) kple Abosam (Amegɔmezɔla) ƒe aglãdzedze ta. Mawudɔla sia si ɖoa to tsã la tiae le eɖokui si be yeawɔ nugbegblẽ. Tso ema dzi la, eva nɔ ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo dzi, ale be le Noa ƒe ɣeyiɣia me, do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, wo dometɔ gbogbo aɖewo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu.—Mose I, 6:2, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; Petro II, 2:4.\nWomenyã mawudɔla siawo siwo de megbe ɖa le dziƒo enumake o. Ke boŋ woɖe mɔ na wo wonɔ anyi ƒe akpe geɖe—anɔ eme be woxe mɔ ɖe nanewo ŋu na wo ya. * Gake esi ɣeyiɣi si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo be nuvɔ̃wɔla siawo nanɔ anyi wu enu la, wotsɔ wo \"ƒu gbe\" tso dziƒo, eye woava tsrɔ̃ wo mlɔeba. Emegbe gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: \"Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!\" (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Edze ƒã be mawudɔla wɔnuteƒewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be woɖe fuɖenamela vɔ̃ɖi mawo ɖa le dziƒo mlɔeba!\nNe míede ŋugble le numekɔkɔ siawo, siwo ame geɖe menya o ŋu la, edze ƒã be ŋutifafa vavã aɖeke mate ŋu anɔ anyi ne nuwɔwɔ siwo si nunya le gbe toɖoɖo Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo o. (Yesaya 57:20, 21; Yeremya 14:19, 20) Gake ne amesiame wɔ Mawu ƒe se dzi la, ŋutifafa kple dziɖeɖi nɔa anyi. (Psalmo 119:165; Yesaya 48:17, 18) Eyata ne amegbetɔwo katã lɔ̃ Mawu hewɔ eƒe sewo dzi eye wolɔ̃ wo nɔewo la, ɖe anyigba manye nɔƒe dzeani dodzidzɔname nyateƒe oa? Biblia ɖo eŋu be ẽ!\nKe amesiwo gbe ɖokuitɔdiditɔe be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o ya ɖe? Ðe woayi edzi anɔ amesiwo di le nyateƒe me be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ƒe ŋutifafa dome gblẽm tegbeea? Ao, Mawu tu nu kple mawudɔla vɔ̃ɖiwo le dziƒo, eye atu nu kple ame vɔ̃ɖiwo hã le anyigba dzi afisia.\nAnyigba si Dzi Wodzra Ðo Wòkɔ\nMawu gblɔ be: \"Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.\" (Yesaya 66:1) Esi Mawu le kɔkɔe ale gbegbe ta la, maɖe mɔ be woatsɔ vɔ̃ɖinyenye aƒo ɖi eƒe \"afɔɖodzinu\" la tegbee o. (Yesaya 6:1-3; Nyaɖeɖefia 4:8) Abe alesi wòɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒoe ene la, nenemae wòaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba la dzii, abe alesi Biblia me nya siwo gbɔna ɖee fia ene:\n\"Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.\"—Psalmo 37:9.\n\"Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.\"—Lododowo 2:21, 22.\n\"Edzɔ le Mawu ƒe ŋkume bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpɔ xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ.\"—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.\n\"[Ameƒome vɔ̃ɖia ƒe] xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.\"—Yohanes I, 2:17.\nÐe Ŋutifafa Anɔ Anyigba Dzi Ðaa?\nTogbɔ be Ŋɔŋlɔawo ɖee fia eme kɔ ƒã be Mawu maɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo nanɔ anyi ɖaa o hã la, aleke míate ŋu aka ɖe edzi be ne eɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa la, magava ake o? Elabena ne èbu eŋu kpɔ la, le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa megbe la, eteƒe medidi hafi wògatrɔ gbɔ ale gbegbe be wòva hiã be Mawu natɔtɔ ameƒomea ƒe tamevɔ̃wo me to woƒe gbe tɔtɔ me o.—Mose I, 11:1-8.\nSusu si koŋ ta kakaɖedzi le mía si be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ magado mo ɖa ake o ye nye be amegbetɔwo magaɖu dzi le anyigba dzi abe alesi wònɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe teti ene azɔ o. Ke boŋ Mawu ƒe Fiaɖuƒee aɖu edzi. Fiaɖuƒe sia ɖeɖekoe aɖu anyigba la dzi tso dziƒo. (Daniel 2:44; 7:13, 14) Atso kaba ɖe amesiame si ate kpɔ be yeagato nuvɔ̃ɖiwɔwɔ vɛ la ŋu. (Yesaya 65:20) Le nyateƒe me la, aɖe amesi tututu to vɔ̃ɖinyenye vɛ—si nye Satana Abosam—kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo nye mawudɔla siwo dze eyome la ɖa mlɔeba.—Romatɔwo 16:20.\nGakpe ɖe eŋu la, naneke manɔ anyi si ta ameƒomea natsi dzimaɖi ɖe nuɖuɖu, avɔtata, aƒe, kple dɔwɔɖui—siwo ƒe anyimanɔmanɔ na be ame aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me egbea—ŋu o. Ẽ, woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso-nyigba si awɔ nu wòabɔ amesiame nakpɔ aɖu.—Yesaya 65:21-23; Luka 23:43.\nVevietɔ la, Fiaɖuƒea afia nu eteviwo tso ŋutifafa me nɔnɔ le agbe me ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòakpe ɖe wo ŋu woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede kɔkɔtɔ kekeake gbɔ. (Yohanes 17:3; Romatɔwo 8:21) Ema megbe la, magahiã be ameƒomea nawɔ avu kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuvɔ̃ azɔ o, eye wòana be toɖoɖo Mawu le nusianu me nanya wɔ ahado dzidzɔ na ame, abe alesi wònɔ le ame deblibo Yesu gomee ene. (Yesaya 11:3) Le nyateƒe me la, Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le dodokpɔ sesẽ kple funyafunyawɔame gɔ̃ hã me—nusiwo ŋkɔ anye nya yeye kura le Paradiso gbenɔnɔ me.—Hebritɔwo 7:26.\nNusita Ame Aɖewo Ayi Dziƒo\nGake Biblia xlẽla geɖe nya nu tso Yesu ƒe nya siawo ŋu be: \"Fofonye ƒeme la nɔƒe geɖewo li; . . . meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.\" (Yohanes 14:2, 3) Ðe esia metsi tre ɖe agbemavɔnɔnɔ le paradiso-nyigba dzi ƒe nukpɔsusua ŋu oa?\nNufiafia siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Le nyateƒe me la, wode wo nɔewo dzi. Be míadze egɔme la, Biblia gblɔ be Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe xexlẽme aɖe—si nye ame 144,000 koe—woafɔ woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo be woanɔ dziƒo. Nukatae wona fetu wɔnuku sia wo? Elabena wole ƒuƒoƒo si Yohanes kpɔ le ŋutega me, amesiwo \"gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka\" la dome. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3; 20:4-6) Ne wotsɔ ame 144,000 la sɔ kple ame biliɔn nane siwo le anyigba dzi la, 'ameha sue' aɖewo koe wonye nyateƒe. (Luka 12:32) Gakpe ɖe eŋu la, esi woto kuxi siwo ɖea fu na ameƒomea me abe alesi Yesu hã toe ene ta la, woate ŋu \"anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí\" ne wole ameƒomea kple anyigba gbugbɔdzraɖodɔa dzi kpɔm.—Hebritɔwo 4:15.\nAnyigba La—Ameƒomea ƒe Aƒe Mavɔe\nEsi Mawu na Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa la, edze ame 144,000 la nu ƒoƒoƒu gɔme ƒe 2,000 aɖewoe nye si va yi, eye dzesiwo ɖee fia be ƒuƒoƒo sia me tɔwo ƒe xexlẽme de. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Galatiatɔwo 4:4-7) Gake menye ame 144,000 la ɖeɖeko ƒe nuvɔ̃wo tae Yesu sa vɔ ɖo o, 'ke boŋ ɖe xexe blibo la katã hã tɔ ta.' (Yohanes I, 2:2) Eyata agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ li na amesiwo katã xɔ Yesu dzi se. (Yohanes 3:16) Woafɔ amesiwo katã dɔ alɔ̃ ɖe yɔdowo me gake wole Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre, womafɔ wo ayi dziƒo o, ke ɖe anyigba dzadzɛ dzi. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11-13, 25; Dɔwɔwɔwo 24:15) Nukae alala wo le afima?\nNyaɖeɖefia 21:1-4 ɖo eŋu be: 'Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.' Bu eŋu kpɔ ko—woɖe ameƒomea tso ku kple vevesese kpakple avifafa si wòdoa ame la me tegbee! Mlɔeba tameɖoɖo si le Yehowa si na anyigba kple ameƒomea ava eme aɖo eƒe ŋutikɔkɔe me.—Mose I, 1:27, 28.\nNusi Míatia—Agbe alo Ku\nWomena mɔnukpɔkpɔ Adam kple Xawa be woate ŋu ayi dziƒo gbeɖe o. Tiatia si nɔ wo si enye be woaɖo to Mawu ahanɔ agbe tegbee le paradiso-nyigba dzi loo alo agbe toɖoɖoe ahaku. Nublanuitɔe la, wotia tomaɖomaɖo eyata wogatrɔ zu \"anyi.\" (Mose I, 2:16, 17; 3:2-5, 19) Menye Mawu ƒe tameɖoɖo gbeɖe be amegbetɔƒome bliboa naku ahato yɔdo me ava nɔ dziƒo o. Mawu wɔ mawudɔla akpe teƒe akpewo be woanɔ dziƒo; gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo menye amegbetɔ siwo ku eye wofɔ wo yi dziƒogbenɔnɔ me o.—Psalmo 104:1, 4; Daniel 7:10.\nNukae wòle be míawɔ be míaxɔ agbenɔnɔ tegbee le Paradiso me le anyigba dzi ƒe yayra? Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔea. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.\"—Yohanes 17:3.\nSidzedze ma tsɔtsɔ ade dɔwɔna me enye afɔ bubu si míaɖe be míava kpɔ dzidzɔ tegbee le Paradiso me. (Yakobo 1:22-24) Mɔkpɔkpɔ li na amesiwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe Nya nu be woakpɔ nyagblɔɖi dodzidzɔname siawo abe esi woŋlɔ ɖe Yesaya 11:9 ene la me vava teƒe kple woƒe ŋkuwo, si gblɔ be: \"[Ameƒomea mawɔ] vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.\"\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 7 Ne èdi nusita Mawu ɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu le dziƒo kple anyigba dzi ƒe numedzodzro la, ke kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta ƒe axa 70-9.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]\n\"Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.\"—Psalmo 37:29","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20001001\/Dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-Mav%C9%94-Le-Dzi%C6%92o-Loo-Alo-Le-Anyigba-Dzi\/","date":"2023-09-21T07:51:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233505362.29\/warc\/CC-MAIN-20230921073711-20230921103711-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984849095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984849095344543}","num_words":1711,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Megblɔ be: \"Mi Yakob ƒe tatɔwo,Kple mi Israel ƒe aƒe ƒe kplɔlawo, meɖe kuku, misee.+ Menye miawoe wòle be mianya nu si le dzɔdzɔe oa? 2 Ke mieléa fu nyui,+ eye mielɔ̃a vɔ̃;+Mievuvua ayi le amewo ŋuti, eye miefloa lã le woƒe ƒuwo ŋu.+ 3 Mieɖua nye dukɔ ƒe lã hã,+Mievuvua ayi le wo ŋuti,Miegbãa woƒe ƒuwo nyanyanya,+Abe nu si woɖa le ze* me ene, abe lãkɔ le nuɖaze me ene. 4 Ɣemaɣi la, woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo,Gake matɔ na wo o. Aɣla mo ɖe wo ɣemaɣi+Le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.+ 5 Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖila siwo kplɔa nye dukɔ tranae,+Ame siwo ne woɖo aɖu nane dzi la,*+ woɖea gbeƒã 'Ŋutifafa!'+Ke ne ame aɖe mede naneke nu me na wo o la, ekema wohoa aʋa ɖe eŋu lae nye esi: 6 'Zã gbɔna dodo ge na mi,+ ale be miagakpɔ ŋutega aɖeke o;+Viviti le dodo ge na mi, ale be miaka afa o. Ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo,Eye ŋkeke ado viviti ɖe wo.+ 7 Ŋukpe alé ŋutegakpɔlawo,+Eye nukalawo ƒe mo atsi dãa. Wo katã woatsyɔ nu woƒe nutage dzi,*Elabena ŋuɖoɖo aɖeke metso Mawu gbɔ o.'\" 8 Ke nye ya la, le Yehowa ƒe gbɔgbɔ ta, ŋusẽ,Nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ŋutete yɔ menye taŋ,Ne magblɔ Yakob ƒe aglãdzedze nɛ, eye maʋu go Israel ƒe nu vɔ̃ nɛ. 9 Mi Yakob ƒe aƒe la ƒe tatɔwoKple mi Israel ƒe aƒe la ƒe kplɔlawo, meɖe kuku, misee,+Mi ame siwo tsri nya dzɔdzɔe, eye mieglɔ̃ nu siwo katã dzɔ,+ 10 Mi ame siwo tsɔ ʋukɔkɔɖi tsò Zion hetsɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tsò Yerusalem.+ 11 Eƒe kplɔlawo* drɔ̃a ʋɔnu le zãnuxɔxɔ ta,+Eƒe nunɔlawo fiaa nu le fetu ta,+Eye eƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi le ga* ta.+ Evɔ woziɔna ɖe Yehowa ŋu* nɔa gbɔgblɔm be: \"Ðe Yehowa mele mía dome oa?+ Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.\"+ 12 Eya ta le miaƒe nuwɔnawo taWoaŋlɔ Zion abe agble ene,Yerusalem azu glikpo,+Eye gbedoxɔ la ƒe to azu togbɛ toave.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"nuɖaze si ƒe nu keke.\"\n^ Agate ŋu afia, \"ne wokpɔ nane le ɖuɖum la.\"\n^ Alo, \"woatsyɔ asi nu.\"\n^ Alo, \"woawo ŋutɔwo be yewoziɔ ɖe Yehowa ŋu.\"\n^ Alo, \"klosalo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tatɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mika\/3\/","date":"2023-10-02T16:56:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511002.91\/warc\/CC-MAIN-20231002164819-20231002194819-00689.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987801909,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987801909446716}","num_words":346,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukata Nànye Nyuiwɔla?\nJAPAN ŋutsu aɖe si xɔ wu ƒe 40 si ŋkɔe nye Kunihito ʋu yi United States eteƒe medidi boo o. * Le eƒe afima ɖoɖo kwasiɖa aɖewo ko megbe la, edze ŋgɔ nɔnɔme aɖe si ate ŋu agblẽ nu le eƒe dɔwɔɖui ŋu. Kunihito gblɔ be: \"Esi míaƒe dɔmemegã biam be mate ŋu awɔ dɔ aɖe hã la, meka ɖe edzi be mate ŋui. Ke hã esi wofiam tso ɖevime ke be mabu ɖokuibɔbɔ nɔnɔme nyuii ta la, meɖo eŋu be: 'Nyemenya ne mate ŋu awɔe ya o, gake madze agbagba awɔ nye ŋutete ɖesiaɖe.' Ewɔ na nye dɔmemegã si nye Amerikatɔ la be ke ɖe nyemenya dɔa o eye nyemeka ɖe ewɔwɔ dzi o ene. Esi meva kpɔ be aleae wòse emee la, mekpɔ be ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo.\"\nMaria si le New York City nye sukuvi tagbɔɖaɖɛtɔ aɖe si dina ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ye tɔ sukuviwo ŋu. Juan nye wo hati sukuvi si dia Maria ƒe kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi. Gake ŋutsuvia di hã be yeadze ahiãe eye wòdzea agbagba be yeƒe nu nalé dzi na Maria. Togbɔ be Maria di be yeanɔ agbe dzadzɛ hã la, eva lɔ̃ ɖe Juan ƒe ahiãnyawo dzi eye wòva nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ.\nNu sesẽ ŋutɔe wònye be woaɖe nyuiwɔwɔ afia le egbe xexe gblẽku si me dukɔwo ƒe agbenɔnɔ to vovo na wo nɔewo tɔ la me. Eyata nukata wòle be nàtu nyuiwɔwɔ ɖo? Esi nu nyui wɔwɔ dzea Mawu ŋu, eye le nyateƒe me la, mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míaƒe nu nadze eŋu tae.\nMawu ƒe Nya Biblia xlɔ̃ nu exlẽlawo be woatu nyuiwɔwɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ be: \"Ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!\" (Filipitɔwo 4:8) Eye apostolo Petro de dzi ƒo na mí be míatsɔ 'veviedodo katã aɖe nyuiwɔwɔ afia le míaƒe xɔse me.' (Petro II, 1:5) Gake nukae nye nyuiwɔwɔ? Ðe wònye nu woate ŋu afia ame le sukuxɔ mea? Aleke míawɔ atui ɖo?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010115\/Nukata-N%C3%A0nye-Nyuiw%C9%94la\/","date":"2023-09-28T19:22:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510427.16\/warc\/CC-MAIN-20230928162907-20230928192907-00653.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998759985,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987599849700928}","num_words":336,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fefewo.\nFefe ƒe ŋgɔdonya si wozãna ɖaa\nFefeawo ƒe ŋgɔdonya bɔ ɖe fefeawo katã me. Ne ènya se alesi nàzãe gɔme ko la, àte ŋu agbugbɔ awɔ ɖoɖo ma ke le fefe ɖesiaɖe me.\nFefewo ŋuti se tɔxɛwo\nFefe ɖesiaɖe to vovo. Woɖe seawo kple alesi woawɔ fefe ɖesiaɖee me le nyati siwo gbɔna me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/play_index.html","date":"2023-09-23T11:23:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00500.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997879863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997879862785339}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vidada Aɖe Ƒe Xɔse Na Wònɔ Te Sesĩe Le Afɔku Me\n\"Ne miele lɛta sia xlẽm la, efia be nyemetsi agbe le dɔ si wowɔ nam la me o, eye nyemegali kpli mi o.\"\nNYA siawoe vidada Kristotɔ aɖe, si ŋkɔe nye Carmen, tsɔ dze lɛta si wòŋlɔ na via nyɔnuvi etɔ̃ siwo xɔ ƒe 25, 19, kple 16 la gɔme. Esime wonɔ dɔ wɔm nɛ la, nuwo meva yi nyuie o, eye nublanuitɔe la, Carmen trɔ megbe.\nAgbã dzi na ame sia ame godoo be wòagblẽ via nyɔnuvi etɔ̃ ɖi le nɔnɔme sesẽ sia me. Ke hã, ale si vidada sia xɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se la nu sẽ ale gbegbe be wòte ŋu nɔ te sesĩe le afɔku sia me, si na be eƒe dziɖeɖi dze ƒãa le nyagbe wɔdɔɖeamedzi siwo wòzã le lɛtaa me la me. Nya siwo wòŋlɔ na viawoe nye esi gbɔna.\n\"Gbã la, medi be magblɔ na mi be melɔ̃ mi kple dzi blibo. . . . Vinyɔnu nyuitɔwo kekeke si vidada ɖe sia ɖe adi be woanɔ ye sie mienye, eye metsɔa mi ƒoa adegbee.\n\"Nye didi wònye be manɔ mia gbɔ va se ɖe esime xexe yeye si ŋugbe Mawu do la na va . . . , gake esi mate ŋu anɔ alea o ta la, meɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe mia ŋu bene miate ŋu awɔ nuteƒe, abe ale si miele ewɔm xoxo ene. Mía kple mi mieto tetekpɔ geɖewo me, eye Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. . . . Eya ta miyi edzi miaɖo ŋu ɖe mɔfiame siwo wònana to eƒe habɔbɔa dzi la ŋu, eye miyi edzi mianɔ asi kpem ɖe hamea kple hamemetsitsiawo ŋu. Miyi edzi mianɔ gbeƒã ɖem edziedzi ale si miate ŋui, eye milɔ̃ nɔviawo katã.\n\"Ɣeyiɣi kpui aɖe koe míaƒe kaklãa axɔ. . . . Meɖe kuku na mi be miatsɔ vodada siwo katã mewɔ ɖe mia ŋu, kple ɣesiaɣi si nyemese nu gɔme na mi, alo gblɔ ale si gbegbe melɔ̃ mii na mi o la kem. . . . Menyae be mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo le vovovo. Esia le nyanya na Yehowa nyuie wu miawo ŋutɔwo gɔ̃ hã, eye ana nu ɖe sia ɖe si miehiã la mi ahaɖo miaƒe dzidodowo katã teƒe na mi.\n\"Miaƒe ŋku megadzo le miaƒe taɖodzinua, si nye agbenɔnɔ le xexe yeyea me, dzi o, eye miyi edzi mianɔ ʋiʋlim sesĩe be miaƒe asi nasu edzi. Yehowa neyra mi, eye wòado ŋusẽ mi be miawɔ nuteƒe ɖase ɖe nuwuwu. . . . Vinye lɔlɔ̃awo, migalé blanui o. Melɔ̃ mi vevie!\"\nAfɔku ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me. Fia Salomo, si nɔ anyi le blema, ŋlɔ bena: \"Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\" (Nyagblɔla 9:11) Gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ ame siwo xɔ Mawu dzi se vevie la si abe Paulo ene, ame si gblɔ be: \"Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; . . . alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.\"—Romatɔwo 8:38, 39; Hebritɔwo 6:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070801\/Vidada-A%C9%96e-%C6%91e-X%C9%94se-Na-W%C3%B2n%C9%94-Te-Ses%C4%A9e-Le-Af%C9%94ku-Me\/","date":"2023-12-11T20:10:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679516047.98\/warc\/CC-MAIN-20231211174901-20231211204901-00655.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985545874,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985545873641968}","num_words":495,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋɔdzinuwo Dzɔ Ðe Wo Dzi, Gake Womebu Mɔkpɔkpɔ O\n\"XƆ SIWO KATà ƑO XLÃM NƆ ƲUƲUM EYE DZO NƆ WÓWOM TSO ANYIGBA ME. ESI MESI YINA LA MESE AMEWO NƆ AVI FAM, NƆ GBE DOM ÐA, HENƆ ƔLI DOM LE TEƑEA KEŊ BE WOAXƆ NA YEWO. MESUSU BE XEXEAME ƑE NUWUWUE ÐO.\"—G. R., SI TSI AGBE LE ANYIGBAƲUƲU ME.\nANYIGBAƲUƲU miliɔn nanewo dzɔna le míaƒe ɣletinyigba si nɔa totrom dzi ɖaa la me ƒe sia ƒe. Nyateƒee, míesea esia dometɔ geɖewo o. * Ke hã le mama dedie nu la, wobua anyigbaʋuʋu siwo ade 140 kloe ƒe sia ƒe be wonye esiwo nu sẽ ale gbegbe eye wona ŋkɔwo be \"sesẽawo,\" \"gãwo,\" alo \"esiwo keke ta.\" Le ŋutinyawo katã me la, ewu ame miliɔn geɖe hegblẽ kesinɔnu gbogbo aɖewo dome.\nAnyigbaʋuʋu gagblẽa nu le agbetsilawo ƒe seselelãme ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigbaʋuʋu eve dzɔ le El Salvador le ƒe 2001 ƒe gɔmedzedze la, tagbɔdɔlélawo ƒe lãmesẽnyawo gbɔkpɔha ƒe zimenɔla si le dukɔ ma me gblɔ be: \"Tagbɔdɔléle ŋuti kuxi aɖe le amewo dzi dzem si me nuxaxa, dziɖeleameƒo kple dzikudodo dzena le.\" Mewɔ nuku o be El Salvador lãmesẽnya ŋuti dɔlawo ka nya ta be blanuilélawo kple dzimaɖitsilawo dzi ɖe edzi va ɖo 73 le alafa me. Le nyateƒe me la, numekuku ɖee fia be le tsi si hiãna sitsoƒesaɖamenɔlawo megbe la, tagbɔdɔléle hã nye nu vevi si gbɔ wòle be woakpɔ na wo.\nGake nu geɖe dzɔna le anyigbaʋuʋuwo me wu kunyawo, nuwo dome gbegblẽ, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame. Le go geɖe me la, afɔku siawo ʋãa amewo woɖea dɔmenyonyo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ tɔxɛ fiana. Nyateƒee, wo dometɔ aɖewo wɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe be wodzra xɔ siwo gbã la ɖo eye wogbugbɔ ɖo amewo te ake. Nuwɔna siawo na mɔkpɔkpɔ wo le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake sia gɔ̃ hã me, abe alesi míegbɔna ekpɔ ge ene.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Anyigbaʋuʋu suesue akpe nanewo siwo dzɔna gbesiagbe hã le eme.\n[Nɔnɔmetata si le axa 17]\nLe Athens, Greece, dzi le vifofo aɖe dzɔm esi wòse be woxɔ na vianyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nAP Photos\/Dimitri Messinis","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020408\/%C5%8A%C9%94dzinuwo-Dz%C9%94-%C3%90e-Wo-Dzi-Gake-Womebu-M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-O\/","date":"2023-12-11T09:44:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679103810.88\/warc\/CC-MAIN-20231211080606-20231211110606-00776.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986665249,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998666524887085}","num_words":342,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Míaƒe Lɔlɔ̃ Gade To Ðe Edzi'\nLE Fiɖa, March 31, 2000, dzi la, Dzoto aɖe si woyɔna be Usu, si le Hokkaido, Japan, wó le anyinɔnɔ kpoo ƒe 23 megbe. Eƒoe ɖe afima nɔla akpe geɖe nu be woasi le afɔkuteƒea. Ame geɖe ƒe aƒewo kple dɔwɔɖuiwo bu, gake dzidzɔtɔe la, wo dometɔ aɖeke meku o. Yehowa Ðasefo 46 hã nɔ sisilawo dome, gake womebu mɔkpɔkpɔ o.\nLe ŋkeke si tututu dzi toa wó la, Kristotɔ dzikpɔla mɔzɔla aɖe si nɔ subɔsubɔm le nuto ma me na wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu. Eteƒe medidi o, kpekpeɖeŋunanuwo te vava tso hame siwo te ɖe nutoa me gbɔ. To alɔdzedɔwɔƒe si le Japan ƒe mɔfiafia te la, woɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti enumake, eye Yehowa Ðasefo siwo le Japan katã ɖo nunana geɖe ɖa. Woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ɖe hame siwo ŋu nu gblẽ le wu la be woava do alɔ woƒe gbɔgbɔmedɔwo, eye woƒe nutome sue dzikpɔla yi teƒea edziedzi ɖasrã wo kpɔ be wòado ŋusẽ wo le seselelãme kple gbɔgbɔ me.\nÐasefo siwo le nuto si me afɔkua dzɔ le la yi edzi wɔ woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo le aƒe siwo le dedienɔƒe wu me le ɣeyiɣi sesẽ ma me. Esi woɖe mɔ be woagate ŋu atrɔ ayi nuto si me woʋu le si nye afisi Fiaɖuƒe Akpataa nɔ la, nɔviawo kpɔ be xɔa vĩa, gliawo fe, eye wògblẽ. Dzoto yeye aɖe si ganɔ dzudzɔ tum kɔlikɔli gbɔ medidi tso Fiaɖuƒe Akpata gbɔ o. Ðasefoawo bia wo ɖokui be, 'Ðe wòanye nusi me nunya le be míaganɔ kpekpewo wɔm le afisia? Ðe míagate ŋu adzra Fiaɖuƒe Akpataa ɖoa?'\nWotso nya me be yewoatu Fiaɖuƒe Akpata yeye ɖe teƒe si le dedie si gbɔ medidi o. Nutome Xɔtukɔmiti na kpekpeɖeŋu siwo hiã. Ga si Ðasefo siwo le dukɔa me godoo dzɔ lae wozã ɖe xɔtudɔ sia ŋu. Woƒle anyigba enumake, eye to lɔlɔ̃nufaa dɔwɔla alafa nanewo ƒe kpekpeɖeŋu me la, wowu Fiaɖuƒe Akpata yeyea tutu nu le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Le Kwasiɖa, July 23, 2000, dzi la, ame 75 ye de kpekpe gbãtɔ si wowɔ le Fiaɖuƒe Akpa yeye si wotu la me. Kpekpea valawo dometɔ geɖe fa dzidzɔvi. Esime wonɔ Fiaɖuƒe Akpataa ŋu kɔm le ƒe ma ke ƒe October me la, eʋã hamemegã aɖe si le hamea me wògblɔ be: \"Toa ƒe wowó he nɔnɔme sesẽ kple fukpekpewo vɛ. Gake xɔ sia tutu trɔ míaƒe vɔvɔ̃ wòzu dzidzɔ. Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple na nɔvi Kristotɔ lɔlɔ̃tɔwo gade to ɖe edzi!\"\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]\nEruption of Mount Usu: AP Photo\/Koji Sasahara","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020301\/M%C3%ADa%C6%92e-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Gade-To-%C3%90e-Edzi\/","date":"2023-12-02T03:04:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100309.57\/warc\/CC-MAIN-20231202010506-20231202040506-00066.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975294471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975294470787048}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Azã aɖe si Ka Wò\nESI Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖo azã aɖe si nyea bubu na Mawu anyi. Esia koe nye mawusubɔsubɔzã si wògblɔ na eyomedzelawo be woaɖu. Eyae nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la, si wogayɔna be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa.\nTsɔe be wò ŋutɔ ènɔ eteƒe kpɔ wɔna siwo do ŋgɔ na azã la. Yesu kple eƒe apostolowo va ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem hena Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Woɖu nusiwo woɖuna ɖaa le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu me vɔ, siwo nye alẽvi memee, ama vevewo, abolo maʋamaʋã, kple wein dzĩ. Wona apostolo mawɔnuteƒe Yuda Iskariot do go, eye eteƒe madidi o, afia eƒe Aƒetɔa yome mɔ. (Mateo 26:17-25; Yohanes 13:21, 26-30) Yesu kple eƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo koe susɔ. Mateo nye wo dometɔ ɖeka.\nMateo, si ŋutɔ nye azãa teƒekpɔla, ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be ale Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi enye esi: \"Yesu tsɔ abolo [maʋamaʋãa ƒe ɖe] ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtsɔ [wein] kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.\"—Mateo 26:26-28.\nNukatae Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi? Esi wòle eɖom anyi la, nukatae wòzã abolo maʋamaʋã kple wein dzĩ? Kristo yomedzelawo katãe wòle be woaɖu kpɔɖeŋunuawoa? Zi nenie wòle be woaɖu azã sia? Eye ɖe gɔmesese ŋutɔŋutɔ aɖe le eŋu na wòa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040315\/Az%C3%A3-a%C9%96e-si-Ka-W%C3%B2\/","date":"2023-11-30T21:15:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100232.63\/warc\/CC-MAIN-20231130193829-20231130223829-00220.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992058873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992058873176575}","num_words":257,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusitae Ame Geɖe Meka Ðe Edzi Be Subɔsubɔhawo Ate Ŋu Ana Ameƒomea Nawɔ Ðeka O\n\"LƆ̃ HAWÒVI.\" (Mateo 22:39) Subɔsubɔhawo lɔ̃a agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu vevi sia gbɔgblɔ. Ne ɖe subɔsubɔha siawo tea gbe ɖe vevienyenye si le havilɔlɔ̃ ŋu dzi le woƒe nufiafiawo me la, anye ne woƒe hameviwo wɔ ɖeka. Gake ɖe nèkpɔe be ɖekawɔwɔ le woƒe hameviwo domea? Ðe subɔsubɔhawo na amewo wɔ ɖekaa? Numekuku aɖe si wowɔ le Germany nyitsɔ laa fɔ nyabiabia sia ɖe te be: \"Ðe subɔsubɔhawo tea amewo ƒoa ƒu ɖekae loo alo ɖe wodea mama amewo dome?\" Le amesiwo wobia gbee ƒe nyaŋuɖoɖowo nu la, wo dometɔ 22 le alafa me bui be subɔsubɔhawo nana amewo wɔa ɖeka, eye 52 le alafa me ya susui be ɖe wodea mama, alo vovototo amewo me boŋ. Anɔ eme be miade dukɔmetɔwo hã susui nenema.\nNukatae ame geɖewo meka ɖe edzi tututu be subɔsubɔhawo ate ŋu ate amewo ƒo ƒu ɖekae o? Ðewohĩ esi wonya nusiwo dzɔ va yi tae. Le esi subɔsubɔhawo nate amewo aƒo ƒui ɖekae teƒe la, ɖe wode mama boŋ amewo dome zi geɖe. Le go aɖewo me la, wowɔ ŋutasẽnu siwo gbɔ eme wu ɖesiaɖe la dometɔ geɖe le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me. De ŋugblẽ le kpɔɖeŋu aɖewo siwo dzɔ le ƒe 100 siwo va yi ko me ŋu kpɔ.\nSubɔsubɔhawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi\nLe Xexemeʋa evelia wɔwɔ me la, Roma Katolikotɔ siwo tso Croatia kple Orthodɔkstɔ siwo tso Serbia, le Balkan-nutowo me la, ɖo gome na wo nɔewo. Ƒuƒoƒo eveawo siaa gblɔ be Yesu, si fia eyomedzelawo be woalɔ̃ wo haviwo la, yomedzelawoe yewonye. Ke hã, numekula aɖe gblɔ tso woƒe avuwɔwɔa ŋu be, \"enye dukɔmeviʋa siwo me wowu amewo le nublanuimakpɔmakpɔtɔe wògbɔ eme ŋutɔ le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.\" Dzidzi ƒo ame geɖe le ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ƒe xexlẽme wu 500,000 siwo wowu le aʋa ma wɔwɔ me ta.\nLe ƒe 1947 me la, ame miliɔn 400—si nye amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi dometɔ 20 lɔƒo le alafa me—siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Hindutɔwo, Moslemtɔwo, kple Sikhtɔwo ye nɔ India-nyigba ƒe nutowo me. Esi woma India-nyigba la mee Pakistan, si nye Islam-dukɔ, va dzɔ. Ɣemaɣi la, wotɔ dzo sitsoƒedila akpe alafa geɖe siwo tso dukɔ eveawo me, woƒo wo, wɔ funyafunya wo heda tu wo le aʋa siwo wowɔ tsya ɖe wo nɔewo nu le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me la me.\nTsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋu wɔnublanui siawo ŋu la, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidonamee nye nusi va bɔ le ƒe alafa la ƒe nuwuɣia me. Egbea, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname ƒe wɔnawo wɔe be xexeame tsi dzodzoe, evɔa ŋɔdzidonamela siawo ƒe ƒuƒoƒogeɖe gblɔ be yewonye subɔsubɔha aɖe me tɔwo. Womebua subɔsubɔhawo be wodoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ o. Wobua wo zi geɖe be wodea ŋutasẽnuwo wɔwɔ kple ɖekamawɔmawɔ ƒe dzi ƒo boŋ. Eyata mewɔ nuku o be, Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, FOCUS, tsɔ xexeame ƒe subɔsubɔha nyanyɛwo—Buddha-subɔsubɔha, Kristodukɔa, Konfusio-subɔsubɔha, Hindu-subɔsubɔha, Islam-subɔsubɔha, Yuda-subɔsubɔha, kple Tao-subɔsubɔha—sɔ kple ɖu si wodena tu me dana.\nSubɔsubɔha Ðeka me Tɔwo ƒe Masɔmasɔwo\nEsi subɔsubɔha vovovo aɖewo le aʋa wɔm kple wo nɔewo la, masɔmasɔwo le wo dometɔ aɖewo ya ƒe amewo ŋutɔwo dome. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dome ma le woa ŋutɔwo dome nyahehe siwo nɔ edzi yim ku ɖe woƒe nufiafiawo ŋu ta. Hakplɔlawo kple hameviawo siaa biana be: Ðe woɖe mɔ ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋua? Ðe woɖe mɔ ɖe fuɖeɖe ŋua? Ðe wòle be woaɖo nyɔnuwo nunɔlawoea? Aleke wòle be woabu amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbewo le la ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔe? Ðe wòle be subɔsubɔhawo nada asi ɖe aʋawɔwɔ dzia? Le ɖekamawɔmawɔ mawo tɔgbe ta la, ame geɖewo biana be, 'Aleke subɔsubɔha aɖe ate ŋu ana ameƒomea nawɔ ɖeka ne mete ŋu le nanam be eya ŋutɔ ƒe hametɔwo gɔ̃ hã le ɖeka wɔm o?'\nEdze ƒã be, subɔsubɔhawo do kpo nu le nana be ɖekawɔwɔ nanɔ amewo dome me. Gake ɖe wòfia be mamawo le subɔsubɔhawo katã mea? Ðe subɔsubɔha aɖe li si to vovo—si ate ŋu ana be ameƒomea nawɔ ɖekaa?\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nWowɔ nuvevi kpovitɔwo le ʋunyaʋunya si yi edzi le subɔsubɔhawo dome me le India le ƒe 1947 me\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nPhoto by Keystone\/Getty Images","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050101\/Nusitae-Ame-Ge%C9%96e-Meka-%C3%90e-Edzi-Be-Sub%C9%94sub%C9%94hawo-Ate-%C5%8Au-Ana-Ame%C6%92omea-Naw%C9%94-%C3%90eka-O\/","date":"2023-12-01T00:59:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100258.29\/warc\/CC-MAIN-20231130225634-20231201015634-00356.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987703562,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987703561782837}","num_words":694,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Boblododo Ƒe Amebleŋusẽ La\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE POLAND GBƆ\nTomek le nu si wole ɖeɖem le fiafiam le television la dzi kpɔm gãa kple eƒe susu katã. Eƒe to katã ku ɖe boblodonya lédziname si wodi be wòawɔ dɔ ɖe eselawo dzi la ŋu be: \"Ne viwò doe la, ŋusẽ anɔ eŋu, anye kamedela bibi, eye eƒe nu anyo exɔlɔ̃wo ŋu. Ele be nàƒlee godoo!\" Tomek si du yi fofoa gbɔ hegbugbɔ le ha vivi si wonɔ ƒoƒom kpe ɖe boblododoa ŋu la dzim le veme. Ebia fofoa be: \"Papa, àƒlee nama?\"\n▪ Nu ka tae boblodonuwo dzroa ɖeviwo? Woŋlɔ nufiala aɖe ƒe nya ɖe Polandtɔwo ƒe magazine si nye Rewia me be: \"Nu si tae nye be nu mawo le amewo si, eye wodi be woasu yewo hã yewo si. Wodi be yewo xɔlɔ̃wo nayi edzi alɔ̃ yewoƒe nya.\" Ne ɖeviwo ɖe kuku, fa avi, alo yɔ mo la, zi geɖe la, dzilawo va naa ta heƒlea nu si ɖeviawo di la na wo.\nNu kae nana be boblododo siwo yina na ɖeviwo koŋ la tea ŋu blea wo nu nenema gbegbe ɖo? Susuŋutinunyala Jolanta Wąs gblɔ be: \"Emenyawo mekuna ɖe nua ƒe asixɔxɔ, nyonyo, alo ale si wòaɖe vii ŋu o.\" Wotrɔa asi le boblododoa ŋu \"be wòawɔ dɔ ɖe ame ƒe seselelãme dzi.\" Wąs gblɔ be: \"Ðevi suewo mate ŋu abu boblodonya kpakpawo ŋu o. . . . Wometea ŋu tsɔa nyatakaka siwo wose la sɔna kple ale si nuwo le le xexea me ŋutɔŋutɔ o.\" Eye ne wodze agbagba be yewobu nuwo ŋu nenema gɔ̃ hã la, seɖoƒe li na woƒe nugɔmesese ŋutete si awɔe be womate ŋu ada adzɔnuawo akpɔ nyuie o.\nAleke nàwɔ ate ŋu akpɔ viwò ta tso boblododo ƒe amebleŋusẽ si me? Gbã la, abe ale si magazine si nye Rewia gblɔe ene la, \"Ele be nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe viwòa ŋu eye nàyi edzi anɔ nu me ɖem nɛ be nu si naa wolɔ̃a ame ƒe nya menɔa te ɖe afɔkpa [alo awu] si ƒomevi wòdona dzi o.\" Na viwòa nanya be ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ le ɖevime ne womeƒle fefenu yeyewo nɛ o hã. Evelia, ele be dzilawo ŋutɔ nanya ale si gbegbe boblododowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzii. Wąs ɖo aɖaŋu be, nu vevitɔe nye be mele be \"míaɖe mɔ boblododo nafia nu si nyo na mía viwo la mí o.\"\nMlɔeba la, aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me ate ŋu aɖe vi na dzilawo katã. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: \"Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso.\"—1 Yohanes 2:15, 16.\nÐe màlɔ̃ ɖe edzi be boblododowo nye \"ŋkuwo ƒe nudzodzro\" siwo dzroa ame, eye wokpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa dzi be 'woafia woƒe nunɔamesiwo adegbeƒoƒotɔe' oa? Enyo ŋutɔ be apostolo Yohanes ɖo aɖaŋu sia kpee be: \"Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.\"—1 Yohanes 2:17.\nDzila siwo kpɔa ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu heɖoa dze tuameɖowo kpli wo edziedzi ate ŋu aƒã mawumegɔmeɖosewo kple dzidzenu ɖɔʋuwo ɖe woamawo me. (5 Mose 6:5-7) Esia awɔe be xexe sia ƒe boblododo fluame siwo ŋu wotrɔ asi le be woawɔ dɔ ɖe ɖeviwo dzi woaƒoe ɖe wo dzilawo nu be woaƒle boblodonuawo na yewo la nagable wo bɔbɔe o.—g08 12-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200901\/Boblododo-%C6%91e-Ameble%C5%8Bus%E1%BA%BD-La\/","date":"2023-12-08T03:54:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100710.22\/warc\/CC-MAIN-20231208013411-20231208043411-00574.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977609515,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977609515190125}","num_words":566,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2000 Ðe Nàte Ŋu Ate Ðe Mawu si Womekpɔna O Ŋua? Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea? Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la Nusi Mawu Ƒe Fiaɖuƒea awɔ Ðe Mena Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye Nye Kpeɖeŋutɔa? Dɔwɔwɔ le 'Agblea Dzi'—Hafi Nuŋeɣia Naɖo Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20001015\/","date":"2023-12-06T10:41:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100593.71\/warc\/CC-MAIN-20231206095331-20231206125331-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951393604,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951393604278564}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Egbegbe \"Israel Nyɔnuvi\" Aɖe\nLE ƑE 2006 me, kwasiɖa eve do ŋgɔ na Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu la, Sales ƒomea, si le Praia Grande, Brazil, me tɔ ɖe sia ɖe ŋlɔ ame siwo wòdi be yeakpe na wɔnaa ƒe ŋkɔwo ɖi. Wotsɔ amekpegbalẽvi ɖeka na Abigayl, si xɔ ƒe ade, hebiae be ame kae wòdi be yeakpe mahã.\nEɖo eŋu be: \"Ŋutsu si koa nu nam ɣesiaɣi la.\"\nEdzilawo biae be: \"Ame kae wònye?\"\nEɖo eŋu na wo be: \"Ame si nɔa bunɔkekea me la.\"\nŊkeke ene megbe la, Abigayl ɖe ŋutsua fia edzilawo. Ŋutsua ŋkɔe nye Walter, eye eƒe aƒe te ɖe Fiaɖuƒe Akpata ŋu. Ƒe 15 aɖewoe nye esi va yi, esime wòxɔ ƒe 28 la, ekpɔ ʋufɔku, eye wòtu tso alime va se ɖe afɔgɔme. Esi wònye be kesinɔtɔe wònye ta la, ameŋudzɔla eve le esi. Esi Abigayl bia mɔ, eye woɖe mɔ nɛ be wòaƒo nu kple Walter la, edzilawo ɖe eme na ŋutsua be yewo vinyɔnuvia di be yeatsɔ amekpegbalẽvi aɖe nɛ.\nAbigayl gblɔ tsɔ wu eƒe nyawo nu be: \"Amekpegbalẽvi geɖe le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me tɔwo katã si, gake nye ya, ɖeka koe le asinye. Eya ta wò ɖeka koe nye ame si kpem mele. Ne mèva o la, ame aɖeke mava nam o. Gake ne èva la, makpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ wu.\"\nLe Ŋkuɖodzi ŋkekea dzi la, Ðasefowo nɔ Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe fiẽ ma ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo ŋu, eye Abigayl hã nɔ wo dome. Le ɣetrɔ ma la, Walter to afi ma va yina, eye esi wòkpɔ Abigayl la, egblɔ na eƒe ʋukula be wòatɔ. Eʋu ʋua ƒe fesre hebia Abigayl be, nu ka wɔm wònɔ mahã. Egblɔ nɛ be yewonɔ akpata me dzram ɖo be wòanya kpɔ nɛ.\nLe fiẽ ma la, Abigayl tsi dzi vevie ŋutɔ. Nuƒoa dze egɔme, eye wòyi edzi nɔ ŋku tsam henɔ Walter dim. Kasia, woa kple eƒe ameŋudzɔlawoe nye ema va ɖo! Nyɔnuvi la ko alɔgbɔnu gã aɖe. Le nuƒoa megbe la, Walter gblɔ be, ɖe yedze mɔ ɖo ta du bubu aɖe me hafi va trɔ susu le mɔ dzi heva Ŋkuɖodzia, le nyɔnuvi la ko ta. Eye wògblɔ kpee be: \"Nuƒo ma tututue mehiã be mase.\" Ebia be woana Biblia ɖeka ye, eye wòte nusɔsrɔ̃ hedze kpekpeawo dede gɔme.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, Walter nɔvinyɔnu gblɔ be, yedi be yeado go kple Abigayl, ame si ŋu ye fo ƒoa nu le zi geɖe la. Esi woa kpli wodo go la, dzi dzɔe ale gbegbe ɖe nyɔnuvi sue Abigayl ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Nyɔnua gblɔ be: \"Azɔ menya nu si tae fonyea le dzidzɔ kpɔm alea gbegbe ɖo.\"\nWalter yi nusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede dzi. Eɖoa nya ŋu heƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu na ame bubuwo gɔ̃ hã. Kakaɖedzitɔe la, nyɔnuvi sue Abigayl na míeɖo ŋku Israel nyɔnuvi si kpe ɖe Naeman ŋu wòva nya Yehowa, Mawu vavã, la dzi.—2 Fiawo 5:2-14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080601\/Egbegbe-Israel-Ny%C9%94nuvi-A%C9%96e\/","date":"2023-12-01T00:05:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100258.29\/warc\/CC-MAIN-20231130225634-20231201015634-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990845919,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990845918655396}","num_words":491,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 15, 2002 Èxɔ Mawu Vavã la Dzi Sea? Ðo Ŋu Ðe Yehowa Mawu Vavã la Ŋu 'Gbeƒãɖeɖe Nya la' Naa Dzudzɔ Ame Yehowa—Dɔmenyonyo Ƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ Nɔ Dɔmenyowɔwɔ Dzi Ðaa Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo Woxlɔ̃ Nu Mawu ƒe Nya Fialawo be Woawɔ Woƒe Dɔdasi Ati si \"Faa Avi\" Kple Eƒe \"Aɖatsi\" si Ðea Vi Geɖe","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020115\/","date":"2023-12-01T06:23:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100276.12\/warc\/CC-MAIN-20231201053039-20231201083039-00754.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9919985533,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.991998553276062}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Internet dzi nuŋɔŋlɔ xlẽla be nàxlẽe sesĩe le eɖokui si\nSedede:\nEsia nye axa si xlẽa nuŋɔŋlɔwo sesĩe. Ewɔa esia femaxee, ezãa nuƒoƒo ƒe ɖoɖo aɖe si ƒoa nu to nuŋɔŋlɔ ɖesiaɖe si nèŋlɔ ƒe nyawo kple nyagbewo gbɔgblɔ me. Woate ŋu azã axa sia abe dzizizidziɖula, gbeƒãɖela ƒe nɔnɔmetata ene, alo abe ŋutinyagblɔla alo nuŋɔŋlɔ ƒoƒo ŋutɔŋutɔ ene ko.\nŊlɔ nuŋɔŋlɔ bliboa si nàxlẽ la ɖe nuŋɔŋlɔ vevitɔa ƒe akpaa. Àte ŋu aŋlɔ nyatakakadzraɖoƒe aɖe si ƒe nuŋɔŋlɔ nèdi be woaxlẽ la ƒe adrɛs hã. Emegbe nàzi Xlẽ ƒe dzesi dzi be nàdze nuxexlẽ gɔme; Pause ƒe dzesi la tɔa te nuxexlẽa be wòayi edzi ne wogazi Xlẽ ƒe dzesi dzi ake. Te fli ɖe nuxexlẽ me gblẽa dɔwɔnua ɖi wònɔa klalo be yeagadze egɔme ake. Clear ɖea nuŋɔŋlɔ si nèŋlɔ la ɖa, si wɔnɛ be teƒea nɔa klalo na nuŋɔŋlɔ yeye. Nu siwo le fli dzi la ana nàtia gbe si me gbe si nèxlẽ la le eye le go aɖewo me la, dukɔ si me nètso. Gbe siawo nye dzɔdzɔme tɔ, ɖewo nye ŋutsuwo eye ɖewo nye nyɔnuwo.\nText to speech converter sia wɔa dɔ nyuie le browserwo katã dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.oratlas.com\/internet-dzi-nunonlowo-xlela","date":"2024-03-01T04:29:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474948.91\/warc\/CC-MAIN-20240301030138-20240301060138-00479.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990423918,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990423917770386}","num_words":193,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 Eye ʋɔ driba la tɔ ɖe ƒutake la dzi. Eyome mekpɔ lã wɔadã+ aɖe wòle dodom tso atsiaƒu+ me, dzo ewo kple ta adre li nɛ, fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe taawo ŋu. 2 Lã wɔadã si mekpɔ la le abe lãklẽ ene, gake eƒe afɔwo le abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene. Eye ʋɔ driba+ la tsɔ eƒe ŋutete, fiazikpui kple ŋusẽ gã na lã la.+ 3 Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka dze abe ɖe wode kubi eŋu ene, ke eƒe kubi la ku nɛ,+ eye anyigbadzinɔlawo katã ƒe mo wɔ yaa, eye wodze lã la yome. 4 Wode ta agu na ʋɔ driba la, elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wode ta agu na lã wɔadã la gblɔ be: \"Ame kae le abe lã wɔadã la ene, eye ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?\" 5 Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gã nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wona ŋusẽe be wòawɔ dɔ ɣleti blaene vɔ eve.+ 6 Eke nu gblɔ busunyawo+ ɖe Mawu, eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔƒe kpakple ame siwo le dziƒo ŋu.+ 7 Eye woɖe mɔ nɛ be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo ahaɖu wo dzi,+ eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ dzi. 8 Eye anyigbadzinɔlawo katã ade ta agu nɛ. Womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke ƒe ŋkɔ ɖe Alẽvi si wowu la ƒe agbegbalẽ+ si li tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi* la me o.+ 9 Ame si to li na la, nesee.+ 10 Ne aboyo mee wòle be ame aɖe nayi la, ayi aboyo me. Ne ame aɖe wu ame kple yi la,* woawu eya hã kple yi.+ Afi siae ame kɔkɔewo+ ƒe dzidodo+ kple xɔse+ hiã le. 11 Mekpɔ lã wɔadã bubu aɖe wòle dodom tso anyigba me, eye dzo eve le eta abe alẽvi tɔ ene, ke ede asi nuƒoƒo me abe ʋɔ driba ene.+ 12 Eye wòwɔ lã wɔadã+ gbãtɔ la ƒe ŋusẽwo katã ŋu dɔ le eƒe ŋkume. Eye wòna anyigba kple edzinɔlawo de ta agu na lã wɔadã gbãtɔ si ƒe kubi ku nɛ la.+ 13 Ewɔ dzesi gãwo, eye wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyigba dzi le amegbetɔwo ŋkume. 14 Eye wòflua anyigbadzinɔlawo to dzesi siwo woɖe mɔ nɛ be wòawɔ le lã wɔadã la ŋkume la me, eye wògblɔna na ame siwo le anyigba la dzi hã be woawɔ lã wɔadã si ŋu wotsɔ yi de abii, eye wògagbɔ agbe la,+ ƒe legba.+ 15 Eye woɖe mɔ nɛ be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã la ƒe legba la me, ne lã wɔadã la ƒe legba la naƒo nu, eye wòana woawu ame siwo katã gbe be yewomade ta agu na lã wɔadã la ƒe legbaa o la. 16 Eye wòzi amewo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖemewo kple kluviwo dzi be woaxɔ dzesi ɖe woƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu,+ 17 eye be ame aɖeke nagate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ame si ŋu dzesi, si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ+ alo xexlẽdzesi si le tsitre ɖi na eƒe ŋkɔ, le la ko.+ 18 Afi siae nunya hiã le: Ame si sea nu gɔme la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽdzesia kpɔ, elabena ame ƒe xexlẽdzesi wònye; eye eƒe xexlẽdzesie nye alafa ade blaade vɔ ade.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.\n^ Agate ŋu afia, \"Ne woawu ame aɖe kple yi la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Nya%C9%96e%C9%96efia\/13\/","date":"2024-03-03T19:25:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476397.24\/warc\/CC-MAIN-20240303174631-20240303204631-00646.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992676377,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992676377296448}","num_words":569,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Elabena nyɔnu si wogblẽ ɖi la ƒe viwo sɔ gbɔ\nKeke wò avɔgbadɔ gã la ƒe agbadɔvɔwo me.\nMègahe asi ɖe megbe o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu,\nEye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe.+\n3 Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me.\nWò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo woazu wo tɔ,\nEye woanɔ du siwo zu aƒedo la me.+\nElabena àŋlɔ wò ɖetugbuimeŋukpe la be,\nEye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe ŋukpe la dzi azɔ o.\"\nEŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa,\nEye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye Ame si gbugbɔ wò ƒle.+\nWoayɔe be anyigba blibo la katã ƒe Mawu.+\nAbe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbuime eye wogbee la ene,\" wò Mawu ye gblɔe.\nAle si ko meka atam be Noa ƒe tsiɖɔɖɔa magaɖe anyigba azɔ o la,+\nNenema kee meka atam be nyemagado dziku ɖe ŋuwò alo aka mo na wò azɔ o.+\n10 Elabena ne woɖe towo ɖa,\nEye togbɛwo ʋã hã la,\nNye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o,+\nKpɔ ɖa, matsɔ anyi sesẽ aɖo wò kpewo,\nEye matsɔ safir-kpewo aɖo gɔwòme anyi.+\n12 Maɖo rubi-kpe xɔasiwo ɖe wò xɔtagliwo dzi,\nMatsɔ kpe keklẽwo* awɔ wò agbowo,\nEye maɖo kpe xɔasiwo ɖe wò liƒowo katã dzi.\n14 Woatsɔ dzɔdzɔenyenye ali ke wò.+\n15 Ne ame aɖe dze dziwò la,\nManye nyee dɔe o.\nAme sia ame si adze dziwò la adze anyi le tawò.\"+\n16 \"Kpɔ ɖa! Nyee wɔ gbede,\nAme si yɔa ʋu ɖe akadzo te,\nEye wòtua lãnu.\nNye kee wɔ nugblẽla, ne wòagblẽ nu.+\nEsiae nye Yehowa subɔlawo ƒe domenyinu,\nEye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye,\" Yehowa ye gblɔe.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/23\/54#v=23:54:13","date":"2024-02-23T00:58:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473871.23\/warc\/CC-MAIN-20240222225655-20240223015655-00601.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995570779,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995570778846741}","num_words":258,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO December 8, 2003 Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa? Adzɔ Exexee Naa \"Dukɔ Yia Ŋgɔa\"? Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa? Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Nɔvinye ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te? Adzalẽ—\"Ezazã Nye Abɔtasisi na Ameɖokui\" Amegbetɔwo Srɔ̃a Wɔlaa ƒe Aɖaŋu Nuɖuɖu tso Wò Ŋutɔ Wò Abɔ Me Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe? Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele? Alesi Woakpɔ Anyigba La tae Ne Viwò Xɔ Dzo Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi? Nyɔ! Ƒe Babla 84 Lia Me Nyawo Diƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031208\/","date":"2024-02-21T12:41:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473472.21\/warc\/CC-MAIN-20240221102433-20240221132433-00681.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980065227,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980065226554871}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukae nye HTML kple JSX?\nHTML kple JSX Gɔmeɖeɖe kple Zazã\nHTML (HyperText Markup Language) kple JSX (JavaScript XML) siaa tsi tre ɖi na dzesidede ƒe ɖoɖo siwo wozãna tsɔ ɖea nyatakakadzraɖoƒe ƒe axawo me nyawo kple woƒe wɔwɔme gɔme, gake wowɔa nu ɖe lãwo ƒe agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo vovovowo ŋu. HTML nye gɔmeɖoanyigbe na nyatakakadzraɖoƒe ƒe axawo wɔwɔ, eye wòwɔa dɔ nyuie kple nyatakakadzraɖoƒe mɔ̃ɖaŋununya xoxowo abe CSS kple JavaScript ene.\nLe go bubu me la, JSX nye nyagɔmeɖegbalẽ ƒe kekeɖenudɔ na JavaScript, si wozãna koŋ tsɔ kpe ɖe React, si nye agbalẽdzraɖoƒe xɔŋkɔ aɖe si le ŋgɔgbe. JSX ɖe mɔ na dɔwɔlawo be woaŋlɔ UI ƒe akpawo kple nyagɔmeɖegbalẽ si ɖi HTML tututu, gake ateŋu atsɔ JavaScript ƒe susuŋudɔwɔwɔ hã ade dzesiawo me tẽ. Dzesidede kple susuŋudɔwɔwɔ ƒe ƒoƒo ɖekae sia le JSX me naa ŋgɔyiyi ƒe nuteƒekpɔkpɔ si le bɔbɔe wu eye wòwɔa dɔ nyuie wu na React si wotu ɖe dɔwɔwɔwo dzi.\nDɔwɔnu siwo woatsɔ atrɔ asi le HTML wòazu JSX ŋu ahatrɔe.\nHTML tɔtrɔ ɖe JSX ateŋu anye dɔ si bɔ na dɔwɔlawo si trɔa web me nyawo yi React nɔnɔme me alo tsɔa web ƒe akpa siwo li xoxo la ƒoa ƒu ɖe React dɔwɔɖoɖo me. Togbɔ be nyagɔmeɖegbalẽ eveawo ɖi wo nɔewo geɖe hã la, vovototo vevi aɖewo le wo dome, abe alesi wowɔa nu ɖe nɔnɔmewo, nudzɔdzɔwo, kple dzesi siwo wotsɔ tu wo ɖokui ŋui ene.\nDɔwɔnu tɔxɛ aɖe si woatsɔ atrɔ asi le HTML ŋu wòazu JSX ate ŋu aɖe tɔtrɔ siawo wɔwɔ ƒe ɖoɖo si wowɔna kple asi eye wòtea ɖeɖi ame ŋu zi geɖe la dzi akpɔtɔ. Dɔwɔnu sia tɔgbe ɖea HTML ƒe kɔpi me eye wòɖea egɔme ɖe JSX si sɔ me, eye wòbua React ƒe nudidi kple ɖoɖo tɔxɛwo ŋu. Ne wowɔ tɔtrɔ sia le wo ɖokui si la, dɔwɔlawo ate ŋu adzra ɣeyiɣi ɖo eye woaɖe afɔku si le vodadawo dede woƒe kɔpi me dzi akpɔtɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/tools\/html-to-jsx","date":"2024-03-01T20:11:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475701.61\/warc\/CC-MAIN-20240301193300-20240301223300-00589.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988403916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988403916358948}","num_words":320,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wòe Zɔ! Wòe Zɔzɔ Kaka\nNYATAKAKAKPƆƑE SIA ƑE TAƉODZINU\nNyonyoa telɔe, asie nɔa eŋu wònyona. Gbe si mí Eʋeawo míedona lae nye Eʋegbe. Ele be míakpɔ eƒe ŋutinya xɔasi la ta na megbeviwo ale be woava tui ɖe edzi, elabe \"Xoxoa nue wogbia yeyea ɖo.\" Dɔ siwo míawɔ le nyatakakakpɔƒe sia akpe ɖe Eʋeawo ŋu be woadzra woƒe ŋutinyawo, woƒe dekɔnuwo, hadomegbenɔnɔwo, hadzidziwo . . . ɖo ahakpɔ wo ta. Míedi be míato mɔ sia dzi akaka Eʋeawo ƒe nunya.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/","date":"2024-03-05T13:16:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971604943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971604943275452}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋegbe Biblia Gbãtɔ Ƒe Ŋutinya\nLE NYATEƑE me la, Osɔfo B. Schlegel, si nye Bremani Mawunyadɔgbedeha, ƒe mawunyadɔgbedela dze Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme ɖeɖe gɔme ɖe Eʋegbe me le ƒe 1858 me, eye Bremami Biblia Habɔbɔ tae le ƒe ma ke me.\nLe ƒe 1861 me la, wota nya nyui gbalẽ eneawo. Le ƒe 1874 me la, Bremani habɔbɔa bia tso Britisi Duta Biblia Habɔbɔ si be wòata apostolo Paulo ƒe lɛta siwo gɔme osɔfo Mr. Ulerz ɖe ɖe Eʋegbe me.\nWota Biblia\nLe ƒe 1878 me la, wota Nubabla Yeye bliboa. Wota Nubabla Xoxoa ƒe agbalẽ geɖewo hã ɣemaɣi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye Mose Ƒe Agbalẽ Evelia, Yosua, Rut kple Samuel. Kaka Tedoxe 31, 1884 naɖo la, woma Nubabla Xoxoa ɖekaɖeka 4500 eye woma Nubabla Yeyea ɖekaɖeka 3000.\nDzidzɔ gã tɔxɛ aɖee nye Eʋe Biblia gbãtɔ la ƒe vava le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi ƒe tititina lɔƒo tututu. Nu si ɖi Noa ƒe ahɔnɛ ma, si ɖagbe amitiŋgba fẽ tso tsi miemie teƒe aɖe va Aɖakaʋua mee abe Mawu ƒe xɔname tso hiãkameawo me ƒe dzesi aɖe ene.\n\"Ɖe Ema Mawunya La Hã Kue Nye Ekem!\"\nLe aʋa la ƒe dzɔdzɔ teti me la, trɔ̃nu aɖe gblɔ be: ''Dzamawo ƒe Mawu la ku, ɖe ema Mawunya la hã kue nye ekem!'' Gake ekui wòɖuɖu, le Dzome, 1916 me tututu ko la, Biblia gbãtɔwo va ɖo Keta! Teƒe sia teƒe ƒe Kristotɔwo ɖu Biblia-ŋkeke nyui le esi wonyae be dɔ nyui vevi aɖe nue wònye wowu na yewo la ta.\nWowu Biblia Blibo La Ƒe Gɔmeɖeɖe Nu Keŋ\nƑe 1877 me kee osɔfo Merz te ŋu wu Nubabla Yeyea ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ nu eye le ƒe 1898 me, osɔfo Yakob Spieth kple osɔfo GottLob Daeuble gakpɔe, to eme nyuie, wota. Le ƒe 1911 me la, wowu Biblia blibo la ƒe gɔmeɖeɖe nu keŋ. Detɔ siwo nya wo degbe la nyuie abe Andrea Aku, Samuel Quist kple Ludwig Adzaklo ene kple hamemegã eve kpe ɖe yevusɔfo eveawo ŋuti le eme.\nAle Biblia, Mawu ƒe Nya, si nye gbɔgbɔ ƒe yi la zu Mawu ƒe nunana gã aɖe le Xexemeʋawɔɣi sesẽ la me na Eʋeawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/e%CA%8Begbe-biblia-gbat%C9%94-%C6%92e-nutinya\/","date":"2024-03-05T15:01:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00577.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980633259,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998063325881958}","num_words":339,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.31,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ga atrakpui dzɔdzɔe si le nusiwo wotsɔ léa nu ɖe te ŋu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nSP\nX - atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY - ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nW - Atrakpui ƒe kekeme\nF - ledge ƒe afɔɖeɖewo\nC - Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nZ - Afɔɖeɖe ƒe titrime\nH - Afɔtia ƒe kɔkɔme le akplɔa tame\nA - Bowstring ƒe titrime\nB - Do alɔ eƒe titrime\nD - do alɔ ʋuƒo ƒe didime\nU - dzogoe si dzi nusi wotsɔ léa nu ɖe te la ƒo ɖe tsitrenu\n- Kpɔ afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe kɔkɔme.\nLR\n- Ðo mɔfiame si dzi nàkɔe ɖo. Le atrakpuiwo tata ta.\nalo\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le ga atrakpui si yi dzisasrã evelia dzi ƒe nɔnɔme si sɔ ŋu.\nNusiwo woatsɔ awɔ dɔe ƒe agbɔsɔsɔ si hiã la nyanya.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nGa atrakpui ƒe akpa vovovoawo katã ƒe nɔnɔmetatawo kple nɔnɔmetatawo tsitotsito.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/metal_ladder\/","date":"2024-04-18T09:47:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817206.28\/warc\/CC-MAIN-20240418093630-20240418123630-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999710321,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999710321426392}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le xɔtaxɔ si wotsɔ gable wɔe ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX - aƒea ƒe kekeme\nY - xɔta ƒe kɔkɔme\nC - overhang ƒe lolome\nB - xɔta ƒe didime\nY2 - kɔkɔme si sɔ gbɔ wu\nX2 - kekeme bubu\nɖeɖe fiã\nWotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòabu akɔnta le xɔtunu siwo woatsɔ atu xɔa tame ŋu: agbɔsɔsɔme si wotsɔa agbalẽwo wɔe (ondulin, nulin, slate alo ga tile), xɔtamenuwo (glassine, si nye ruberoid, si nye ruberoid), bat-tiwo kple xɔgbakpewo ƒe xexlẽme.\nÀte ŋu abu akɔnta le xɔa tame ƒe didime aɖewo siwo ŋu viɖe le hã ŋu.\nÐoɖowɔɖia wɔa dɔ le mɔ eve nu: le nɔnɔme si nye xɔtaxɔ bɔbɔe si me gable le kple xɔtaxɔ si me gable eve le le axadzi (axadzixɔwo tame), ƒomevi 1 kple ƒomevi 2.\nŊuɖoɖo! Ne xɔtaxɔe le asiwò si ƒe axa ɖeka ƒe ʋuƒo le la, ekema hena akɔntabubua zã ƒomevi 1 gbã, emegbe nàzã ƒomevi 2. Eye xoxo tso nyatakaka siwo nèxɔ me la, bu akɔnta le xɔtunuwo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu: xɔtunuwo, xɔtaxɔwo, xɔtaxɔwo kple xɔtunuwo.\nNe menye nenema o la, vodada ate ŋu anɔ akɔntabubua me. Le nyateƒe me la, ɖoɖowɔɖia bua lãɖeɖe siwo le xɔtaxɔ gã si le axadzixɔwo ƒe xɔtaxɔwo te ŋu.\nLe akɔntabubua me la, àkpɔ xexlẽdzesi geɖewo: xɔtunu ƒe lolome alo lolome si le xɔa tame ƒe afã kple le axadzinuŋɔŋlɔwo me - lolome alo lolome bliboa.\nLe akɔntabubu me le xɔtaxɔ bubu aɖe ŋu - eƒe lolome bliboa kple eƒe lolome, eye le axadzinuŋɔŋlɔwo me la, xexlẽdzesi eve le eme: xɔtaxɔ ɖeka ƒe lolome kple lolome kple eve bubuwo.\nŊuɖoɖo! Ne èle akɔnta bum le xɔtaxɔe si wotsɔ agbalẽ xatsaxatsa wɔe ŋu la, bu nusi ɖoɖowɔɖia bu akɔnta le xɔa tame ƒe lolome nu ŋu.\nLe kpɔɖeŋu me, fli 2.8 dzia agbalẽ 7.7 ɖe fli ɖeka dzi. Le xɔtutu ŋutɔŋutɔ me la, woɖoa fli 3.\nBe woate ŋu abu xɔtaxɔ ƒe agbalẽwo ƒe xexlẽme wòade pɛpɛpɛ wu la, ehiã be woaɖe agbalẽa ƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ le akɔntabubua me vaseɖe esime woakpɔ fliawo ƒe xexlẽme blibo.\nMègaŋlɔ be be yeaɖo agbɔsɔsɔme si woatsɔ aƒo ƒui wòade pɛpɛpɛ wu o.\nNe wole akɔnta bum xɔtaxɔ ƒe xɔtaxɔ gãwo ƒe nuwo ƒe lolome, le ƒomevi 2 ƒe nɔnɔme me la, ɖoɖowɔɖia mebua alesi wotsoe na axadzixɔa ŋu o. Esia tso dɔwɔwɔ ƒe kuxi aɖewo gbɔ le ɖoɖoa me.\nÐewohĩ makpɔ egbɔ le etsɔme.\nGake anɔ eme be rafter-nu siwo sɔ gbɔ akpa mabu alo awɔ asitɔtrɔ aɖewo le wò akɔntabubuwo ŋu o.\nÐoɖo bubu aɖe hã anɔ anyi hena akɔntabubu si me nunya le wu le xɔtaxɔe siwo wotsɔ agbalẽ xatsaxatsa wɔe ŋu.\nEye mègaŋlɔ be o be ehiã be nàƒle xɔtunuwo kple gbeɖuɖɔ ƒe vovototo aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/roof2\/","date":"2024-04-17T21:53:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817181.55\/warc\/CC-MAIN-20240417204934-20240417234934-00051.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988300204,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988300204277039}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.292,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubumɔ̃ si bua akɔnta le ƒuƒluwo ŋu hena aɖakaʋuwo wɔwɔ\nR1\n- Aɖakaʋua ƒe didime ememetɔ.\nR2\n- Aɖakaʋua ƒe gota gome didime.\nS\n- Aɖakaʋua ƒe akpa siwo le eme ƒe xexlẽme.\nU\n- Dzogoe si le nutome la ƒe akpa si le gota.\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le akpa siwo woatsɔ awɔ ati ƒe aɖaka ƒe didime kple woƒe xexlẽme ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/arch_segment\/","date":"2024-04-21T08:42:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817729.87\/warc\/CC-MAIN-20240421071342-20240421101342-00735.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998704195,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998704195022583}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.127,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.305,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"50 Ale Yehowa gblɔe nye esi:\n\"Afi kae mia dada si megbe la ƒe srɔ̃gbegbalẽ+ le?\nAlo nye fetɔ kae metsɔ mi dzra na?\nKpɔ ɖa! Miawo ŋutɔwo miaƒe vodadawo tae+ wotsɔ mi dzra ɖo,\nEye miawo ŋutɔwo miaƒe dzidadawo tae wogbe mia dada ɖo.+\n2 Nu ka tae esi meva la, ame aɖeke meli o?\nNu ka tae esi meyɔ ame la, ame aɖeke metɔ o?+\nÐe nye alɔ to ɖe eme, ale be mate ŋu aɖe ame oa,+\nAlo ɖe ŋusẽ mele asinye be maxɔ na ame oa?\nWo me lãwo ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu,\nEye woku le tsikɔwuame ta.\nEnyɔam ŋdi sia ŋdi;\nEʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.+\nNyemetrɔ ɖe afi bubu o.+\nNyemeɣla nye mo ɖe vlododo kple taɖeɖe o.+\nEsia tae ŋu makpem o.\nEsia tae mena nye mo sẽ abe ahliha ene,+\nEye menyae be ŋu makpem o.\n8 Ame si tsoa afia dzɔdzɔe nam la le kpuiƒe.\nNena míatso ɖe mía nɔewo ŋu.*\nAme kae tsɔ nya ɖe ŋunye?\nNete ɖe ŋunye.\n9 Kpɔ ɖa! Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa akpe ɖe ŋunye.\nAme kae abu fɔm?\nKpɔ ɖa! Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene.\nAgbagblaʋui aɖu wo.\nAme kae zɔ viviti tsiɖitsiɖi me afi si kekeli aɖeke mele o?\nNeɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.\n11 \"Kpɔ ɖa! Mi ame siwo katã doa dzo,\nEye mienana dzoxiwo hlẽna,\nMizɔ le miaƒe dzo ƒe kekeli\nKple dzoxi siwo lé dzo la nu.\nNu si miakpɔ tso asinye mee nye be:\nMiamlɔ vevesese ɖeɖe ko me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/23\/50#v=23:50:4","date":"2024-04-25T08:35:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712297290384.96\/warc\/CC-MAIN-20240425063334-20240425093334-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994639754,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994639754295349}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAo. Nya \"ŋutiklɔdzo\" medze le Biblia me o, eye Biblia mefia nu be wokɔa ame siwo ku ƒe luʋɔwo ŋu le ŋutiklɔdzo me o. * Bu nu si Biblia fia ku ɖe nu vɔ̃ kple ku ŋu, kple ale si ŋutiklɔdzo ƒe nufiafiaa tsi tsitre ɖe nufiafia mawo ŋu la ŋu kpɔ.\nYesu ƒe ʋu dzi xɔxɔsee klɔa nu vɔ̃ ɖa le ame ŋu, ke menye ŋutiklɔdzo me nɔnɔe o. Biblia gblɔ be, \"[Mawu Vi] Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu\" eye be 'Yesu Kristo na ablɔɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eya ŋutɔ ƒe ʋu me.' (1 Yohanes 1:7; Nyaɖeɖefia 1:5) Yesu 'tsɔ eƒe agbe na wònye tafe na ame geɖewo.'—Mateo 20:28.\nAme siwo ku la meganya naneke o. \"Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o.\" (Nyagblɔla 9:5) Ame si ku la megasea veve aɖeke o, eya ta womate ŋu atsɔ ŋutiklɔdzo ƒe tohehe akɔ eŋu o.\n^ mm. 3 Agbale si nye Orpheus: A General History of Religions gblɔ tso ŋutiklɔdzo ŋu be \"nya aɖeke medze le Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe ŋutiklɔdzo ŋu o.\" Nenema kee, New Catholic Encyclopedia hã gblɔ be: \"Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi dzie wotu Katolikotɔwo ƒe nufiafia si nye ŋutiklɔdzo la ɖo, ke menye ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dzi o.\"—Tata Evelia, Babla 11, axa 825.\n^ mm. 8 Kpɔ New Catholic Encyclopedia, Tata Evelia, Babla 11, axa 824.\nEtso Gustav Doré ƒe agbalẽ si nye Dante's Purgatory and Paradise, Dover Publications me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-nya-%C5%8Butikl%C9%94dzo-dze-le-biblia-mea\/","date":"2017-10-22T04:36:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-43\/segments\/1508187825141.95\/warc\/CC-MAIN-20171022041437-20171022061437-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975637794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975637793540955}","num_words":245,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpeɖodzi sẽŋuwo le agbalẽnyalawo si siwo ɖee fia be Yesu nɔ anyi kpɔ. Esi Encyclopædia Britannica, ƒe 2002 ƒe tata nɔ nu ƒom tso ale si ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me ƒo nu tso Yesu kple Kristotɔ gbãtɔwo ŋui ŋu la, egblɔ be: \"\nNuŋlɔɖi ɖekaɖeka siawo ɖo kpe edzi be le blemaɣeyiɣiwo me la, ame siwo tsi tsitre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gɔ̃ hã meke ɖi le Yesu ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋu o, si ŋu wotsɔ susu siwo ŋu kpeɖodzi mele o la ʋli nya le zi gbãtɔ le ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu, kple emegbe le ƒe alafa 19 lia me, kpakple le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze.\"\nLe ƒe 2006 me la, agbalẽ aɖe (Jesus and Archaeology) gblɔ be: \"\nAgbalẽnyala xɔŋkɔ siwo li egbea dometɔ aɖeke meke ɖi be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Yesu si nye Yosef vi la nɔ anyi kpɔ o; wo dometɔ geɖe lɔ̃na ɖe edzi enumake be yewova nya nu geɖe tso eƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe nufiafia veviwo ŋu.\"\nBiblia ƒo nu tso Yesu ŋu be enye ame ŋutɔŋutɔ. Eyɔ etɔgbuiawo ŋkɔwo eye wòƒo nu tso edzilawo kple nɔviawo ŋu hã. (Mateo 1:1; 13:55) Biblia yɔ ame xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me ƒe ŋkɔwo hã. (Luka 3:1, 2) Nuŋlɔɖi vevi siawo na numekulawo tea ŋu kua nu me hekpɔa kpeɖodzi be Biblia me nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/yesu-n%C9%94-anyi-kp%C9%94\/","date":"2017-12-16T19:33:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588420.68\/warc\/CC-MAIN-20171216181940-20171216203940-00063.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989513755,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989513754844666}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò'\nNu vevi kae nàte ŋu asrɔ̃ tso 5 Mose 6:6 me? Aleke ƒomewo te ŋu le kuxi siwo doa kplamatsɛ Ƒometadedeagu siwo me tsɔɖui le wɔwɔ edziedzi la gbɔ kpɔm?\nNu kawoe ɖeviwo hiã tso wo dzilawo gbɔ wu? Kpɔ nu si vifofo aɖe wɔ hafi te ŋu kpe ɖe eƒe ƒomea ŋu.\nNe ƒomea dzroa mawusubɔsubɔnyawo me ɖekae kwasiɖa sia kwasiɖa la, enana ƒomedodo nyui nɔa woa kple Yehowa kpakple wo nɔewo dome.\nSrɔ̃ Nu Geɖe Wu\nDZIDZƆ ATE ŊU ANƆ WÒ ƑOMEA ME\nAleke miawɔ be miaƒe ƒometadedeagua navivi wu","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/nya-siawo\/","date":"2017-12-13T10:22:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522343.41\/warc\/CC-MAIN-20171213084839-20171213104839-00031.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999158144,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991581439971924}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣeaɖewoɣi la, eɖea vi ne wotso kadodoa me. Bu ɖetugbuivi si nye Jill ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Egblɔ be: \"Le gɔmedzedzea me la, enɔ dzi dzɔm nam be nye ŋugbetɔa tsia dzi ɖe ŋunye ɣesiaɣi be yeanya afi si mele, nu si wɔm mele kple nye ame siwo le teƒea. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣi la, megadina be made ha kple ame bubu aɖeke tsɔ wu ye o. Eʋãa ŋu gɔ̃ hã ne nye kple nye ƒometɔwo míeli ɖekae, vevitɔ fofonye. Esi metso kadodoa me kplii la, ɖeko wònɔ nam abe agba gã aɖee do le dzinye ene!\"\nAleae wòdzɔ ɖe Sarah hã dzie. Eva nɔ dzesi demee be John si nye ɖekakpui si yenɔ gbe ɖom ɖi kple la nye ame si ɖea alɔme le ame ŋu, edia nu geɖe akpa tso ame si, eye mebua ame o. Sarah gblɔ be: \"Le fiẽ aɖe me la, etsi megbe gaƒoƒo etɔ̃ hafi va ɖo míaƒe ʋɔtru nu! Esi wòƒo ʋɔa eye danye ɖo eŋu la, mede nu eme nɛ o, ɖeko wògblɔ nam be: 'Mídzo. Míetsi megbe.' Le esi wòagblɔ be: 'Metsi megbea,' ɖe wògblɔ boŋ be: 'Míetsi megbe.' Ðe wòle be wòado taflatsɛ alo aɖe nu si tae wòtsi megbe ɖo la me hafi. Vevietɔ wu la, ɖe wòle be wòade bubu danye ŋu hafi!\"\nEle eme baa be, mahiã kokoko be woanɔ te ɖe agɔdzedze zi ɖeka aɖe dzi atso kadodo me o ya. (Psalmo 130:3) Gake esi Sarah va kpɔe be John ƒe amemabumabua nye nu si wòwɔna ɖaa ke menye ŋuɖeɖi zi ɖeka aɖe ko o la, etso kadodoa me.\nAbe Jill kple Sarah ene la, nu kae nàwɔ ne èva de dzesii be ame si yele gbe ɖom ɖi kple la mate ŋu ava nye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ye o? Le go sia me la, mègaŋe aɖaba ƒu ale si nèse le ɖokuiwò me la dzi o! Togbɔ be ate ɖe dziwò hã la, ɖewohĩ anyo wu ne ètso kadodoa me. Lododowo 22:3 gblɔ be: \"Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.\"\nNyateƒee, ɖewohĩ kadodoa me tsotso manɔ bɔbɔe ya o. Gake nyae be ƒomedodo si nɔa anyi ɖaae srɔ̃ɖeɖe nye. Anyo be nàse veve hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko wu be nàkpe fu le wò agbe me katã le esi nèwɔ tiatia gbegblẽ ta!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C9%96e-w%C3%B2le-be-m%C3%ADatso-m%C3%ADa%C6%92e-kadodoa-mea-akpa-1\/","date":"2017-12-14T15:41:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948544677.45\/warc\/CC-MAIN-20171214144324-20171214164324-00753.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984515309,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984515309333801}","num_words":377,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nKristo ƒe futɔ la menye ame ɖeka alo habɔbɔ ɖeka aɖe koŋ o, elabe Biblia gblɔ be \"Kristo ƒe futɔ geɖewo\" li. (1 Yohanes 2:18) Helagbe me nya si gɔme woɖe be \"Kristo ƒe futɔ\" la fia \"ame si tsi tsitre ɖe Kristo ŋu alo tsɔ eɖokui ɖo eteƒe.\" Ame sia ame si wɔa nu siwo gbɔna la nye Kristo ƒe futɔ:\nEgblɔna be yee nye Kristo la.\n—Mateo 24:24.\nEtia Kristo yomedzelawo yome, elabe Yesu bua nu sia nu si wowɔ ɖe wo ŋu be ye ŋutɔ ŋue wòwɔe ɖo.\n—Dɔwɔwɔwo 9:5.\nBiblia yɔ ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe be Kristo ƒe futɔwo eye wògayɔ wo katã abe ƒuƒoƒo ene be \"Kristo ƒe futɔ.\" (2 Yohanes 7) Kristo ƒe futɔ la do zi gbãtɔ le apostoloawo ƒe ŋkekeawo me eye wògale dɔ dzi vevie va se ɖe egbe. Biblia gblɔ esia ɖi.\nAle si nàwɔ akpɔ Kristo ƒe futɔ la adze sii\nWogblɔa alakpanyawo tso Yesu ŋu. (Mateo 24:9, 11) Le kpɔɖeŋu me, ame siwo fiaa Trinita Kɔkɔe alo Mawuɖekaetɔ̃ alo fiaa nu be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la tsia tsitre ɖe nya si Yesu gblɔ be \"Fofo la lolo wum\" la ŋu tẽe.\n—Yohanes 14:28.\nKristo ƒe futɔ la medaa asi ɖe nu si Yesu fiaa ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔwɔ ŋu la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, sɔlemehakplɔla aɖewo gblɔna be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo zãmee Kristo le le eƒe dɔwɔwɔwo me. Ke hã woƒe nufiafia sia tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, elabe eya ŋutɔ gblɔ be: \"Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.\"\n—Yohanes 18:36.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/kristo-%C6%92e-fut%C9%94\/","date":"2017-12-13T09:16:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522343.41\/warc\/CC-MAIN-20171213084839-20171213104839-00005.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9939453006,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.993945300579071}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu siwo nàwɔ be nyaa magagblẽ ɖe edzi o la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:\nTo nyateƒe. Ne mèto nyateƒe o la, awɔe be dziwòlawo magaka ɖe dziwò o. Eya ta to nyateƒe eye nàgblɔ ale si tututu nua dzɔe.\nMègaʋli ɖokuiwò ta alo agblɔ nya aɖe wòafia be menye nu gã aɖekee dzɔ o.\nÐo ŋku edzi ɣesiaɣi be \"\nnyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.\"—Lododowo 15:1.\nÐe kuku. Asɔ be nàɖe kuku ɖe nuxaxa kple nuteɖeamedzi si nèhe va wo dzi alo nu si nèwɔ wògazu dɔ bubu na wo be woawɔ ta, eye esia wɔwɔ ate ŋu ana be woakpɔ tohehea me na wò. Ke hã, mele be wò vevesese ɖe nu si nèwɔ ta nanye alakpanu o.\nNe wohe to na wò la, lɔ̃ faa. Ne èwɔ nane eye wohe to na wò eye nèlɔ̃ xɔe faa la, aɖee fia be èle tsitsim le nuwɔna me. Nu vevitɔ si hiã koe nye be nàtrɔ asi le wò nuwɔnawo ŋu be dziwòlawo nagaka ɖe dziwò ake.—Lododowo 20:11.\nÐo ŋku edzi be dziwòlawo kpɔ mɔ ade se na wò. Eya tae Biblia ƒo nu tso \"\nfofowò ƒe sedede\" kple \"\ndawò ƒe nufiame\" ŋu ɖo.—Lododowo 6:20.\nNe dziwòlawo na ablɔɖe wò le nanewo ŋuti la\nDze agbagba woakpɔe le wò nuwɔnawo me be èwɔna ɖe yewoƒe sededewo dzi.\nDze agbagba toɖoɖo naƒo ke ɖe to ɖe mewò, esia fia be nànye ame si lɔ̃a toɖoɖo vevie tso dzi me ke eye nàɖo to hã vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/dziw%C3%B2lawo-%C6%92e-sededewo\/","date":"2017-12-13T14:56:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948527279.33\/warc\/CC-MAIN-20171213143307-20171213163307-00225.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988136292,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988136291503906}","num_words":241,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ƒe aɖewoe nye esia menya Mike. Yehowa Ðasefoe wònye. Gake nanewo li siwo gɔme nyemesena le woƒe haa ŋu o. Ame kae nye Yehowa? Nu ka tae Ðasefowo meɖua ŋkekenyuiwo o? Vivimeha aɖe mee Mike lea?\"—Becky, si le California, le United States.\n\"Esi Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye aƒelikawo la, mebia ɖokuinye be: 'Ŋkɔ Yehowa Ðasefowo gɔme ɖe? Ŋkɔ sagã kae nye esia wotsɔ na subɔsubɔha sia!'\"—Zenon, si le Ontario, le Canada.\n\"Esi mía kple srɔ̃nye míedea sɔleme o eye míaƒe dzitsinya bua fɔ mí ta la, míesusu be ɖe Yehowa Ðasefowo di be yewoawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ahe mí ade yewoƒe haa me. Míaƒe susu wɔ na mí be ne míekpɔ nu si dim míele la le subɔsubɔha xɔŋkɔawo me o la, ekema manɔ kɔmama sagã sia si nye Yehowa Ðasefowo hã me o.\"—Kent, si le Washington, le United States.\n\"Le nyateƒe me la, nyemenya ame siwo wonye o, eye nyemenya woƒe dzixɔsewo hã o.\"—Cecilie, si le Esbjerg, le Denmark.\nAnɔ eme be èkpɔ wo wole gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me alo le dutoƒo esime wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam hele Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee dom ɖe amewo gbɔ. Ðewohĩ wo dometɔ ɖekae tsɔ magazine sia na wò. Ke hã anɔ eme be èbiaa ɖokuiwò be ame kawo tututue Yehowa Ðasefowo nye? Ðewohĩ wò susu wɔ ɖeka kple ame siwo ɖe woƒe susuwo gblɔ va yi la tɔwo.\nNe susu mawo kple biabia mawo tɔgbi le asiwò la, afi kae nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le? Aleke nàwɔ anya nu si tututu dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se, afi si wokpɔa ga le na woƒe subɔsubɔdɔa kple tadeaguƒewo tutu? Eye nu ka tae wovaa aƒewò me hetena ɖe ŋuwò le ablɔwo dzi?\nCecilie gblɔ hã be: \"Mexlẽ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu le Internet dzi. Mese wobewobe aɖewo le wo ŋu, eye mese ale si gbegbe amewo bua nazã ɖe wo ŋui hã. Esia wɔe be nyemebua susu nyui ɖe wo ŋu kura o.\" Gake emegbe Cecilie va ɖo dze kple Yehowa Ðasefoawo ŋutɔwo, eye woɖo eƒe biabiawo ŋu eme kɔ nɛ.\nÀdi be woaɖo biabia siwo le asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la ŋu na ye anukwaretɔea? Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe ame siwo nya wo nyuie wu la ŋu—woawoe nye Yehowa Ðasefoawo ŋutɔwo, eye woawoe taa magazine sia. (Lododowo 14:15) Míele mɔ kpɔm be nyati siwo kplɔe ɖo la akpe ɖe ŋuwò nànya ame siwo míenye kple nu siwo dzi míexɔ se eye nànya nu tso míaƒe dɔa hã ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/yehowa-%C9%96asefo-tututu\/","date":"2017-12-13T13:58:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948523222.39\/warc\/CC-MAIN-20171213123757-20171213143757-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989389777,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989389777183533}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 13, 2015\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nFORT LAUDERDALE, Florida\nÐasefoawo daa Amerika Tokunɔgbe me videowo ɖe internet dzi le woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org, eye wowɔa DVD geɖewo hã. Wozãa wo edziedzi le woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe siwo wowɔna le tokunɔgbehame 500 kple edzivɔ siwo le xexea me godoo me la me, eye wogazãa wo le woƒe takpekpe sue kple gã siwo wowɔna ƒe sia ƒe hã me.\nAƒetɔ Jonathan Galvez si nye Ðasefoawo ƒe Amerika Tokunɔgbegɔmeɖeƒea dzi kpɔla si le Florida gblɔ be: \"Míaƒe taɖodzinue nye be míana ame siwo katã zãa Amerika Tokunɔgbea nase míaƒe videoawo gɔme bɔbɔe, eɖanye dukɔ ka ke mee wotso alo afi kae wode suku se ɖo o.\" Egblɔ yi edzi be: \"Wozãa Amerika Tokunɔgbea le dukɔ siwo ade 45 me, eye abe ale si ko ame siwo ƒoa nu ƒe gbewo toa vovo ene la, nenema kee dzesi siwo tokunɔwo zãna tsɔ gblɔa nyawoe hã toa vovo tso teƒe yi teƒe. Esi míeɖe míaƒe gbegɔmeɖeƒea yi Fort Lauderdale fifia la, míaƒe gbegɔmeɖelawo va le nuto si me Amerika Tokunɔgbea zãla siwo tso dukɔ vovovowo me la sɔ gbɔ ɖo wu la me.\"\nLe ƒe 2014 me la, Frank Bechter, si nye agbalẽnyalagã le hadomenyawo kple gbegbɔgblɔ ŋuti nyawo me la de Yehowa Ðasefowo ƒe tokunɔgbe me takpekpe gã aɖe si wowɔ le Richmond si le Virginia kple susu be yeaku nu me tso tokunɔgbewo kple tokunɔwo ŋu. Nunyalagã Bechter gblɔ be, \"Ale si miaƒe habɔbɔa léa fɔ ɖe Amerika Tokunɔgbe gɔme ɖeɖe kple tokunɔgbe me wɔna adodoeawo wɔwɔ ŋu dze ƒãa le Richmond wɔnaa me, vevietɔ le ale si miezã mawunyakpukpuiwo ƒe video siwo gɔme woɖe nyuie la edziedzi ta. Mekpɔe be Amerika Tokunɔgbe si wozã la de ŋgɔ ŋutɔ.\" Eyi edzi be, \"Mekpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefoawo ƒe kutrikuku le Biblia la gɔme ɖeɖe nyuie ɖe Amerika Tokunɔgbe me la ŋu ŋutɔ, elabe ŋudɔwɔnu vevi aɖe wònye le míaƒe dukɔa kple xexe bliboa ƒe ŋutinya me. Eye mexɔe se be ele be tokunɔwo hã ƒe asi nasu ŋudɔwɔnu vevi siwo ɖea vi na ame bubuwo le xexea me godoo la dzi.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe gbegɔmeɖela siwo le xexea me godoo ɖea video geɖewo gɔme ɖe tokunɔgbe 80 aɖewo me eye womaa wo na amewo femaxee. Yehowa Ðasefowo wɔ JW Library Sign Language dɔwɔnu hã, eye amewo tea ŋu wɔa tokunɔgbe me video siwo le jw.org nyatakakadzraɖoƒea ƒe kɔpi, ɖoa wo ɖe ɖoɖo nu heƒoa wo le edzi bɔbɔe.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/jw-amerika-tokun%C9%94gbeg%C9%94me%C9%96e%C6%92e\/","date":"2017-12-13T20:53:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948530841.24\/warc\/CC-MAIN-20171213201654-20171213221654-00313.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977605939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977605938911438}","num_words":414,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"María Isabel nye nyɔnuvi sue aɖe eye wònye gbeƒãɖela bibi aɖe le San Bernardo si le Anyiehe Amerika ƒe dukɔ si nye Chile (Chili) me. Eya kple eƒe ƒomea me tɔwo nye Mapuche vidzidziwo. Ƒome bliboa nɔ asi kpem ɖe agbagba siwo dzem wonɔ be woaɖo hame yeye aɖe le Mapuchegbe, si woyɔna hã be Mapudungun, me la ŋu dzidzɔtɔe.\nEsi woɖe gbeƒãe be woawɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Mapudungun hã me eye be wota Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi 2,000 ɖe gbegbɔgblɔ sia me be woama la, ena María Isabel bu tame vevie. Nu kae wòate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu? Eɖo ŋku Ðasefo siwo nye ɖevi sue bubu siwo kpɔ dzidzedze esi woɖe gbeƒã na woƒe sukuhatiwo kple nufialawo la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo dzi. Eɖo dze kple edzilawo tso eŋu, eye wo katã wotso nya me ɖekae be María Isabel ŋutɔ nadze agbagba ato mɔnu aɖe si dzi wòato ama amekpegbalẽviawo le suku la vɛ. Nu kae wòɖo be yeawɔ?\nGbã la, María Isabel bia mɔ le sukumegãwo gbɔ be yeaklã amekpegbalẽvia ɖeka ɖe sukua ƒe agbo gãa nu. Woɖe mɔ nɛ hekafui ɖe nu nyui si wòɖo be yeawɔ ta. Gbe ɖeka, esi sukuviwo katã va ƒo ƒu ŋdime la, sukudzikpɔlaa ɖe gbeƒã tso amekpegbalẽvia ŋu gɔ̃ hã le gbeɖimɔ̃ dzi!\nEmegbe María Isabel bia be yeayi sukuxɔwo katã me ɖekaɖeka. Esi nufialawo ɖe mɔ nɛ vɔ la, ebia sukuviawo le sukuxɔ ɖe sia ɖe me be wo dometɔ aɖe doa Mapuchegbe hã. Egblɔ be: \"Mesusui be sukuvi 10 alo 15 koe atso Mapuche ƒomewo me le sukua katã me, gake wosɔ gbɔ wu nenema kura. Mlɔeba la, mema amekpegbalẽvi 150 sɔŋ!\"\n\"ENƆ MƆ KPƆM NA AME AÐE SI TSI WU\"\nNyɔnu aɖe si kpɔ amekpegbalẽvi si woklã ɖe sukua ƒe agbonu la bia be ame kae wòle be yeabia nya ku ɖe wɔnaa ŋu mahã. Kpɔ ale si wòwɔ nuku nɛ esi woɖoe ɖe nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe ko gbɔ la le susu me ɖa! María Isabel gblɔ esi wònɔ alɔgbɔnu kom be: \"Enɔ mɔ kpɔm na ame aɖe si tsi wu.\" Esi María Isabel na amekpegbalẽvia ɖeka nyɔnua eye wòɖe nu me nɛ kpuie vɔ la, ebia nyɔnua be wòana eƒe adrɛs ye ale be eya kple edzilawo nate ŋu ava srãe kpɔ eye woafia nu geɖee tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Aleke gbegbe gbeƒãɖela 20 siwo le subɔsubɔm le Mapudungun ƒe anyigbamamaa me la kpɔ dzidzɔe nye esi, esi wokpɔ nyɔnu ma kple ɖetsɔlemetɔ 26 bubu siwo nye Mapuchetɔwo la va Ŋkuɖodzia. Fifia, ƒuƒoƒo ma zu hame kpɔdzidzedze aɖe!\nƑe ka kee nèɖaxɔ o, ɖe nàte ŋu aɖe afɔ sia tɔgbi akpe wò sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo be woava Ŋkuɖodzia, woava se dutoƒonuƒo aɖe, alo woade nutome gã takpekpe aɖea? Ðe manyo be nàwɔ numekuku le míaƒe agbalẽwo me be nàxlẽ nuteƒekpɔkpɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔ vovovo siwo dzi nàte ŋu ato akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me oa? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe ŋuwò be nàlé dzi ɖe ƒo aƒo nu tso eŋu. (Luka 11:13) Ne ewɔe alea la, awɔ nuku na wò ahado dzidzɔ na wò be kutsetse nyuiwo ado tso ɖaseɖiɖidɔ si ŋu nèwɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ nyuie la me eye wòade dzi ƒo na wò geɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130115\/mapuchegbedolawo-kpekpe\/","date":"2017-12-12T08:59:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948515311.25\/warc\/CC-MAIN-20171212075935-20171212095935-00115.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991112947,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991112947463989}","num_words":545,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU LE GBEƑà ÐEM BE \"MAWU FIAÐUƑE LA GOGO\"\nEDA GBE LE ŊUTSUVI AÐE SI LE DIDIƑE LA ŊU\nEsi Yesu nɔ Samaria ŋkeke eve aɖewo megbe la, eyi wo de nutowo me. Ewɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe le Yudea, gake menye ɖe wòle tɔtrɔm yina Galilea be yeagbɔ ɖe eme o. Ke boŋ edze subɔsubɔdɔ si lolo wu kura la gɔme le nuto sia si me wòtsi le la me. Anye be menɔ mɔ kpɔm be woaxɔ ye nyuie le afi ma o, elabena abe ale si Yesu gblɔe ene la, \"womedea bubu nyagblɔɖila aɖeke ŋu le wo de o.\" (Yohanes 4:44) Le esi teƒe be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ eŋu la, wotrɔ yi woƒe aƒewo me le woƒe ƒomeawo kple woƒe dɔwɔɖui siwo wogblẽ ɖi la gbɔ.\nGbedeasi kae Yesu te gbeƒãɖeɖee? Eyae nye be: \"Mawu Fiaɖuƒe la gogo. Mitrɔ dzi me, eye mixɔ nya nyui la dzi se.\" (Marko 1:15) Aleke amewo wɔ nui? Le nyateƒe me la, Galileatɔ geɖe xɔ Yesu nyuie eye wode bubu eŋu. Menye eƒe gbedeasia ta koe o. Galileatɔ aɖewo va Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem ɣleti aɖewoe nye ema va yi eye wokpɔ nukunu siwo Yesu wɔ.—Yohanes 2:23.\nAfi kae Yesu dze subɔsubɔdɔ gã si wòwɔ le Galilea la gɔme tsoe? Anɔ eme be Kana, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le le sr��̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe va yi lae. Le eƒe vava evelia sia me la, Yesu se nu tso ɖevi aɖe si dze dɔ vevie ɖo kudo nu la ŋu. Fia Herodes Antipa ŋu me aɖe ƒe vie, eye fia siae na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nu emegbe. Fiaŋume sia se be Yesu tso Yudea va Kana. Eya ta ŋutsua zɔ mɔ tso eƒe me le Kapernaum va Yesu di ge le Kana. Ŋutsu sia si lé blanui la ɖe kuku na Yesu vevie be: \"Aƒetɔ, va, hafi vinye la naku!\"—Yohanes 4:49.\nNya si Yesu gblɔ tsɔ ɖo eŋu na ŋutsua anya wɔ moyaa nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: \"Heyi, viwò la le agbe.\" (Yohanes 4:50) Herodes ŋu me la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ ɖo ta aƒe. Esi wòyina la, edo go eƒe kluvi siwo le du dzi be yewoava gblɔ nya nyui aɖe nɛ. Ɛ̃, wogblɔ nɛ be via le agbe eye wòle lãmesẽ me! Esi wòdi be yeakpɔ kpeɖodzi le nu si na ɖevia haya ŋu la, ebia wo be: 'Gaƒoƒo ka mee wòhaya?'\nWoɖo eŋu be: \"Asrã la dzo le edzi etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi.\"—Yohanes 4:52.\nFiaŋume la kpɔe be ɣemaɣi tututue Yesu gblɔ be, \"Viwò la le agbe.\" Le ema megbe la, ŋutsu kesinɔtɔ sia si si kluviwo le la kple eƒemetɔwo katã va zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.\nEya ta Kana nye afi si Yesu wɔ nukunuwo le zi eve. Etrɔ tsi wòzu wain eye emegbe eda gbe le ŋutsuvi si le didiƒe tso egbɔ anɔ kilometa 26 la ŋu. Menye nukunu siawo koe wòwɔ ya o. Gake nukunu sia wɔ akpa vevi aɖe, elabena ena eƒe tɔtrɔ gbɔ va Galilea ɖe dzesi. Edze ƒãa be enye nyagblɔɖila si tso Mawu gbɔ, gake bubu kae 'woade nyagblɔɖila sia ŋu le wo de'?\nEsia adze kɔtɛ ne Yesu va ɖo wo de Nazaret. Nu kae le elalam le afi ma?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/nukunu-evelia-kana\/","date":"2017-12-16T11:29:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948587577.92\/warc\/CC-MAIN-20171216104016-20171216130016-00217.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984722137,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984722137451172}","num_words":526,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ: Degbemenyawo kple dutagbemenya siwo woɖo ɖe wo nɔewo xa\nSe: Degbemenya, nyagbɔgblɔ kple agbalẽ ɖe sia ɖe si wolé ɖe mɔ̃ dzi\nKpɔ: Mia degbe me video siwo nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? kple Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? kple gbe bubuwo tɔ siaa\nTee Kpɔ: Gbesɔsrɔ̃ ƒe taflo ƒe mɔnu","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-language\/Gbesr%C9%94%CC%83m%C9%94nu-B%C9%94b%C9%94ewo\/","date":"2018-01-19T22:16:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888135.38\/warc\/CC-MAIN-20180119204427-20180119224427-00781.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997856021,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997856020927429}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ehiãna be woakpe ɖe ŋunye hafi mamlɔ anyi alo afɔ le aba dzi. Azɔlizɔzɔ zu dɔ nam. Nye ve me xe ale gbegbe be nyemetea ŋu noa nye vevesesenutsitikewo o. Medze abi siwo gbe kuku, eye wo dometɔ aɖewo va zu abi vɔ̃wo. Dɔmebi kple dziʋudzo sesẽ aɖe ɖe kpe nam. Nyemenɔ nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe dzinye la gɔme sem o. Ƒe ewo koe mexɔ ɣemaɣi.\"—Elisa.\nŊUTIGBALẼDƆ si nana ame ƒe ŋutilã liana goŋgoŋ ye le eŋu. Ame miliɔn eve kple afã léa dɔ sia le xexea me godoo. Zi geɖe la, dɔ sia ƒomevi siwo léa ɖeviwo la nye esi wɔa ŋutilã ƒe akpa aɖe ko, eye esia nana ŋutilã liana.\nKe hã wokpɔ dɔ sia ƒomevi si xɔa ŋutilã bliboa katã le Elisa ŋu esi wòxɔ ƒe ewo pɛ ko, eye dɔa ge ɖe eƒe lãmenuwo abe ayiku, dzi, dzitodzito kple dɔgbo gɔ̃ hã me. Ðɔktawo gblɔ be dɔdamɔnu si woazã la ana Elisa nate ŋu anɔ agbe ƒe atɔ̃ pɛ. Gake ƒe 14 sɔŋue nye esi va yi Elisa gakpɔtɔ le agbe. Togbɔ be dɔa gakpɔtɔ le eŋu hã la, meɖe mɔ mɔkpɔkpɔ bu ɖee le agbe me o. Nyɔ! talawo bia gbe Elisa ku ɖe eƒe dɔlélea kple ale si wòte ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nui la ŋu.\nƔekaɣie nèva de dzesii be yele dɔ lém?\nEsi mexɔ ƒe asieke la, nane si abɔklugui nam, eye mese veve vevie. Ðeko abia nɔ kekem ɖe edzi hegbe kuku. Esi wodo nye ʋu kpɔ la, wokpɔe be ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi sia le ŋunye. Esi wònye be nye dɔlélea nɔ nyanyram ɖe edzi kabakaba ta la, ehiã be míadi dɔ sia dala bibi aɖe be wòakpɔ gbɔnye.\nAleke nuwo va yie?\nMíeva ke ɖe ɖɔkta aɖe si daa dɔ sia ŋu. Egblɔ na dzinyelawo be ne wowɔ kansatike nam la, alé nye dɔlélea nu eye wòana manɔ agbe ƒe atɔ̃ ya teti, eye wosusui hã be ɖewohĩ dɔlélea ava ɖo aɖa le eɖokui si. Gake dɔdamɔnu sia ana nye dɔlélenutsiŋutete nagbɔdzɔ. Eye wòawɔe be kpeƒoame gɔ̃ hã ate ŋu awum bɔbɔe.\nEdze ƒãa be nu si wonɔ vɔvɔ̃m na medzɔ o, alo?\nƐ̃—dzidzɔtɔe la, mekpɔtɔ le agbe! Gake esi mexɔ ƒe 12 la, akɔta veam vevie henɔa anyi abe miniti 30 ene, eye ɣeaɖewoɣi la, esia hona nam zi eve le ŋkeke ɖeka me. Enu sẽna ale gbegbe be ɣli dzi ko menɔna.\nNu ka gbɔe wòtso?\nÐɔktawo de dzesii be ʋumenugbagbevidzĩ me nu siwo woyɔna be hemoglobin mesɔ gbɔ le ʋu me nam o, eye esia nana be nye dzi wɔa dɔ wu ale si dze ne egbɔ ʋua le ɖoɖom ɖe ahɔhɔ̃a. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, dɔdamɔnu sia na mekpɔ gbɔdzɔe vie ya. Gake ɣemaɣi la, meɖo ŋkui be megblɔna na ɖokuinye be nu sia nu ate ŋu adzɔ ɖe dzinye le ŋkeke si kplɔe ɖo me. Dzi ɖe le ƒonye wu tsã abe ɖe naneke meli mate ŋu awɔ tso nye nɔnɔmea ŋu o ene.\nƑe wuiene sɔŋue nye esia wokpɔ dɔ sia le ŋuwò, ke aleke nuwo le na wò fifia?\nMegakpɔtɔ sea veve helĩhelĩ, eye dɔléle siwo ŋutigbalẽdɔ sia hena vɛ la hã kpɔtɔ ɖea fu nam. Wo dometɔ aɖewoe nye dɔmebi, dzitodzitodɔ kple dziʋudzodɔ. Ke hã, nyemetsɔa susu ɖoa nye dɔlélea ŋu kaka ahayi nye ɣeyiɣi gblẽ ge ɖe eŋu wòana malé blanui o. Nu bubuwo le ŋunye mawɔ.\nAbe nu kawo ene?\nNutata, avɔlɔlɔ̃ kple atsyɔ̃ɖonuwo wɔwɔ dzɔa dzi nam. Gake esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, Biblia fiafia amewoe nye dɔ vevitɔ si mewɔna. Le ɣeyiɣi siwo me nyemate ŋu azɔ ayi amewo gbɔ le woƒe aƒe me o gɔ̃ hã la, mekpena ɖe Ðasefo bubuwo ŋu míesrɔ̃a Biblia kple amewo le míaƒe nutoa me. Biblia-nusrɔ̃viwo le nye ŋutɔ hã asinye. Gbeƒãɖeɖedɔa na viɖe le nye agbe ŋu.\nNu ka tae nègawɔa dɔ sia esi wònye be mele ɖeɖem na wò ŋutɔ hã o?\nMenyae be nya siwo megblɔna na amewo la le vevie eye viɖe le wo ŋu. Gawu la, ne mele kpekpem ɖe amewo ŋu alea la, mekpɔa dzidzɔ geɖe wu. Ewɔna nam be nye lãmea ka ɖe eme! Le ɣeyiɣi kpui siwo metsɔ ɖea gbeƒã na amewo me la, meŋlɔa nye dɔlélea be.\nAleke Biblia kpe ɖe ŋuwò ale be mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o?\nEɖoa ŋku edzi nam be nye fukpekpewo kple ame bubuwo tɔ siaa maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, atutu \"aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.\" Mawunyakpukpui siawo tɔgbi nana megakana ɖe etsɔme nyui si ƒe ŋugbe Mawu do be yeahe vɛ na amewo katã, ke menye na ame siwo le dɔ mavɔleameŋu lém la ɖeɖe ko o la dzi geɖe wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201501\/%C5%8Butigbal%E1%BA%BDd%C9%94\/","date":"2018-01-17T14:13:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00618.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990122914,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999012291431427}","num_words":795,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EWE: Bible NT – Togo\nEphesians (Efesotɔwo) 6:10-18\n10 Mlɔeba la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be, ele be miaƒe ŋusẽ natso Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la me.\n11 Mitsɔ Mawu ƒe akpoxɔnuwo katã kpla ale be miate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu.\n12 Elabena menye amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu lae míele aʋa wɔm kpli o, ke boŋ kple ame siwo ŋu ŋutilã mele o. Ame siawoe nye gbɔgbɔ siwo womekpɔna kple ŋku o la ƒe dziɖula vɔ̃ɖi siwo nye Satana ƒe dɔla ŋusẽtɔ gãwo, vivimefiavi vɔ̃ɖi siwo le xexe sia me dzi ɖum. Hekpe ɖe esia ŋu la, míegale aʋa wɔm kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖi nyanyra ha gã aɖe siwo le gbɔgbɔ ƒe xexeame.\n13 Eya ta miwɔ Mawu ƒe akpoxɔnu ɖe sia ɖe ŋutidɔ be miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu ɣesiaɣi si wòlũ ɖe mia dzi, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe kokoko.\n14 Be miate ŋu awɔ nu si megblɔ la, ele be miatsɔ nyateƒe la abla alidzii, abe alidziblaka ene eye miatsɔ Mawu ƒe gbedziwɔwɔ atsyɔ akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene.\n15 Mido afɔkpa siwo ana be miaɖe abla ne miele Mawu ƒe ŋutifafa ƒe nyanyui la kakam.\n16 Le aʋa ɖe sia ɖe me la, mitsɔ xɔse wɔ miaƒe akpoxɔnui be wòaxɔ Satana ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛ siwo dam wòle ɖo ɖe mi.\n17 Mitsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.\n18 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mibia nu sia nu si miedi la Mawu, gake miaƒe didiwo nasɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Minɔ kukuɖeɖe dzi nɛ ɖaa, eye miɖo ŋku miaƒe hiahiãwo dzi nɛ ɣesiaɣi. Mido gbe ɖa atraɖii ɖe kristotɔ siwo katã le afi sia afi la ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/christianchildmultilingualbibleverse.wordpress.com\/2016\/03\/16\/the-armor-of-god-ewe-bible-nt-1988-togo\/","date":"2018-01-19T05:31:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00636.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984847903,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984847903251648}","num_words":303,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nCôte d'Ivoire\nLes Témoins de Jéhovah de la Côte d'Ivoire\n06 BP 393\nABIDJAN 06\nCÔTE D'IVOIRE\n+225 2241-3606\n+225 2241-8277\n+225 2241-2977 (Fax)\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 7 miniti 30 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1 miniti 30 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/cote-d-ivoire\/","date":"2018-01-21T21:19:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984775186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984775185585022}","num_words":102,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.329,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖe dɔlékuiwutike ŋu le ƒe 1900-awo ƒe domedome la, ɖɔktawo kpɔ mɔ be atike yeye siawo akpe ɖe yewo ŋu yewoaɖe dɔléle aɖewo ɖa. Le gɔmedzedzea me la, atikeawo wɔ dɔ eteƒe mekɔ o. Gake ale si ame geɖewo va le atikeawo zãm wògbɔ eme la wɔe be womegate ŋu va le dɔlékuiwo wum o.\nEsi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ŋugble dem tso ale si woawɔ awu dɔlékuiwo ŋu la, wogava le tɔtrɔm ɖe mɔnu siwo wozãna tsɔ wua dɔlékuiwo le blema la ŋu. Esiawo dometɔ ɖekae nye ale si ya kple ɣe ƒe keklẽ wua dɔlékuiwoe.\nNu Si Míesrɔ̃ Tso Blematɔwo Gbɔ\nEŋlisiawo dometɔ geɖe ƒo nu tso ale si ɣe ƒe keklẽ kple ya si ƒona le gota tea ŋu wua dɔlékuiwo la ŋu. Atikewɔla John Lettsom (ƒe 1744-1815) gblɔ be ɖevi siwo ŋu yɔmekpe le la nagbɔ ya si ƒona le ƒuta eye woanɔ ɣe ƒe keklẽ nu ale be woahaya. Le ƒe 1840 me la, amekola George Bodington de dzesii be ame siwo wɔa dɔ le gota abe agbledelawo kple alẽkplɔlawo ene mexɔa yɔmekpe o, gake dɔwɔla siwo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le xɔ me la tea ŋu xɔa yɔmekpe bɔbɔe.\nAƒenɔ Florence Nightingale (ƒe 1820-1910) va xɔ ŋkɔ ŋutɔ le nu siwo wòto vɛ esime wònɔ Britain-ʋawɔla siwo xɔ abi le Crimea-ʋaa me gbɔ kpɔm la ta. Ebia be: \"Ðe mège ɖe ame aɖe ƒe xɔ dɔme me le zã me alo ŋdi kanya esime womekpɔ ʋu fesre o eye nèkpɔ be ya si le xɔa me la bla hele ʋeʋẽm ɖe ƒomevie kpɔ oa?\" Egblɔ be ele be woana ya si le dɔnɔ ƒe xɔ me la nasɔ kple esi le gota, evɔ womana vuvɔ nawɔ dɔnɔa atso eme o. Egblɔ kpee be: \"Nu siwo katã teƒe mekpɔ la ɖo kpe edzi be nu eve ye dɔnɔ hiã vevie, woawoe nye gotaya kple keklẽ . . . Gake menye keklẽ ɖe sia ɖe ko o, ke boŋ ɣe ƒe keklẽ.\" Ɣemaɣi la, ame geɖewo xɔe se be ne wosia abadzivɔwo kple awuwo ɖe ŋdɔgbe la, edea lãmesẽ dzi.\nTogbɔ be amegbetɔwo yi ŋgɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me tso ƒe 1800-awo me hã la, egbegbe nusɔsrɔ̃wo hã ɖo kpe edzi nenema. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si Chinatɔwo wɔ le ƒe 2011 me ɖee fia be sukuvi siwo sɔ gbɔ ɖe xɔ dɔmewo me wu ale si dze, evɔ ya megena ɖe xɔ siawo me tututu o la \"xɔa akɔtadɔ.\"\nXexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be ele vevie be woana gotaya nage ɖe xɔwo me ale be wòate ŋu awɔ avu kple dɔlékuiwo. Nyateƒee, habɔbɔ sia gblɔ le mɔfiamegbalẽ aɖe si wòɖe ɖe go le ƒe 2009 me la me be woaɖe mɔ ya siawo nage ɖe kɔdzixɔwo me ale be woaɖe dɔlékuiwo dzi akpɔtɔ le afi mawo. *\nÐewohĩ àgblɔ be, 'Nya siawo nya se loo. Gake kpeɖodzi kae le wo ŋu? Aleke ya kple ɣe ƒe keklẽ ate ŋu awu dɔlékuiwo?'\nDzɔdzɔmenu Siwo Wua Dɔlékuiwo\nUnited Kingdom (Royaume-Uni) ƒe dɔwɔƒe si kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ ƒe numekuku aɖe ɖo nyabiase siawo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le dukɔ sia me la di be yewoanya ɣeyiɣi didi si wòaxɔ hafi dɔlékuiwo navɔ le ya me ne woda dɔlékuiʋawɔnuwo ɖe London dua me. Esi numekulawo di be yewoanya ɣeyiɣi didi si dɔlékuiawo ate ŋu anɔ agbe le ya me la, wotsɔ dɔlékui si woyɔna be E. coli de yiyiɖɔ ŋu tsɔ da ɖe ya nu le gota. Wowɔ nu sia le zã me, elabe wonya be ɣe ƒe keklẽ wua dɔlékuiwo. Nu kawoe do tso eme?\nLe gaƒoƒo eve megbe la, dɔlékuiawo ƒe akpa gãtɔ ku. Gake esi wowɔ dodokpɔ ma ke eye wotsɔ dɔlékuiawo de aɖaka me hetu nu ɖe enu eye wotsɔ aɖakaa da ɖe teƒe si tututu woda yiyiɖɔa ɖo va yi eye yame ƒe dzoxɔxɔ sɔ kple gbãtɔ nu la, dɔlékui akpa gãtɔ gakpɔtɔ le agbe le gaƒoƒo eve si woɖo la megbe. Nu ka tae? Edze ƒãa be nane le ya me si wua dɔlékuiwo. Gake womekpɔ nya nu si tututu wònye o. Ke hã, numekulawo gblɔ be nu vovovo aɖewo anya nɔ \"ya me siwo wua dɔlékuiwo.\"\nƔe ƒe keklẽ hã wua dɔlékuiwo. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Journal of Hospital Infection) gblɔ be: \"Dɔlékui geɖe siwo nɔa ya me la metea ŋu nɔa te ɖe ɣe ƒe keklẽ nu o.\"\nNu kae nàwɔ be wòaɖe vi na wò? Ðewohĩ àdi be yeanɔ ŋdɔ nu vie ale be yeaxɔ ya nyui ma. Ate ŋu ade wò lãmesẽ dzi.\n^ mm. 8 Susu aɖewo ate ŋu anɔ anyi siwo ta masɔ be woaʋu fesrewo da ɖi o. Wo dometɔ aɖewoe nye toɣliɖeɖe, sedede siwo ku ɖe dzobibi ŋu, dedienɔnɔ kple ya me ƒe ɖiƒoƒo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201503\/ya-kple-%C9%A3e-%C6%92e-kekl%E1%BA%BD-wua-d%C9%94l%C3%A9kuiwo\/","date":"2018-01-19T22:14:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888135.38\/warc\/CC-MAIN-20180119204427-20180119224427-00771.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983798862,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983798861503601}","num_words":768,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame kpekpewo tso dukɔ geɖewo me va kpɔ gome le Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe ƒe takpekpe 130 lia me. Kpɔ nu siwo yi edzi le wɔna vevi sia me la dometɔ aɖewo ɖa.\nÀte ŋu akpɔ Ƒe 2014 Ƒe Ƒe Sia Ƒe Takpekpea ƒe wɔna bliboa le JW Nyakakadɔwɔƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/%C6%92e-2014-%C6%92e-sia-%C6%92e-takpekpea-%C5%8Bu-nya-veviwo\/","date":"2018-02-21T04:12:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813322.19\/warc\/CC-MAIN-20180221024420-20180221044420-00746.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986778498,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986778497695923}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.364,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Nyatakakawo ɖee fia be sɔhɛ siwo blanuiléledɔ ɖea fu na la le dzidzim ɖe edzi. Èsusu be kuxi sia gbɔ kpɔnu aɖe lia?\nNya Si Nàgblɔ: Magazine sia ɖo aɖaŋu aɖewo tso ale si sɔhɛwo awɔ anɔ te ɖe blanuiléledɔ nu kple nu si dzilawo hã ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Nu kae ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me?\nMawunyakpukpui: Ef 5:33\nNyateƒea: Srɔ̃ɖeɖe dzea edzi ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu.\nNYA NYUI SI TSO MAWU GBƆ!\nNyabiase: Èxlẽ Biblia kpɔa? Na mafia ale si nusɔsrɔ̃ siwo le agbalẽ sia me akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia la wò. [Midzro nusɔsrɔ̃ evelia ƒe nyabiase gbãtɔ me.]\nMawunyakpukpui: Nyɖ 4:11\nNya Si Nàgblɔ: Meva be magblɔ Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo aɖe ŋu nya na wò. Agbalẽ gbadza sia fia afi si nàte ŋu akpɔ nyabiase veviwo ƒe ŋuɖoɖowo le le wò ŋutɔ wò Biblia me.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2018-02-17T20:38:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807660.32\/warc\/CC-MAIN-20180217185905-20180217205905-00430.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995083809,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995083808898926}","num_words":174,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo hiã na akɔfafa le xexea me godoo. (Nyg 4:1) Le September ƒe ɣleti bliboa me la, míadze agbagba etɔxɛe ana Gbetakpɔxɔ si aƒo nu tso akɔfafa ŋu. Míadze agbagba amae na ame gbogbo aɖewo. Esi míedi be míaƒo nu na ameawo ŋutɔ tẽe ahafa akɔ na wo ta la, mègagblẽ magazine aɖeke ɖi na ame siwo mètu le aƒe me o.\nNYA SI NÀGBLƆ\n\"Mí katã míehiãa akɔfafa ɣeaɖewoɣi. Gake afi kae míakpɔe le?\" [Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Mawu faa akɔ na míi la ŋu.\"\nNe amea tsɔ ɖe le eme eye wòxɔ magazinea la ekema, . . .\nÐE VIDEO SI NYE NU KA TAE WÒNYO BE NÀSRƆ̃ BIBLIA? FIAE\nEmegbe do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.\nÐO GƆMEÐOANYI NA TƆTRƆYIWƆWƆ\nBia nya aɖe si ŋu nàva ɖo ne ètrɔ va, àte ŋu abia be, \"Nu ka tae Mawu ɖe mɔ amewo kpea fu?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug29-sep4\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94-t%C9%94x%C9%9B-gbetakp%C9%94x%C9%94\/","date":"2018-02-24T07:00:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815435.68\/warc\/CC-MAIN-20180224053236-20180224073236-00684.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952676892,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952676892280579}","num_words":146,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye nusi dzɔ va yi la ŋuti nya vavã ɖeɖekoe Biblia la gblɔ o, ke egblɔ nusi ava dzɔ le ɣeyiɣi, si gbɔna me la hã ɖi. Amegbetɔwo mate ŋu agblɔ nusi ava dzɔ la ɖi o. Ema tae míenya be Biblia la tso Mawu gbɔ. Nukae Biblia la gblɔ le ɣeyiɣi, si gbɔna ŋu?\nEƒo nu tso Mawu ƒe aʋawɔwɔ gã aɖe ŋuti. Le aʋawɔwɔ sia me la, Mawu aɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi; gake akpɔ amesiwo subɔnɛ la ta. Mawu ƒe fia, Yesu Kristo, akpɔ egbɔ be Mawu subɔlawo nase vivi le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me; eye be womagalé dɔ alo aku akpɔ gbeɖe o.\nÐe mele be míakpɔ dzidzɔ be Mawu awɔ paradiso yeye ɖe anyigba dzi oa? Gake ne míedi be míanɔ paradiso sia me la, ele be míawɔ nane. Le agbalẽa ƒe ŋutinya mamlɛtɔ me la, míasrɔ̃ nusi wòle be míawɔ be míase vivi le nukunu, siwo Mawu dzra ɖo ɖi na amesiwo subɔnɛ me la. Eyata xlẽ Akpa ENYILIA be nànya nusi Biblia la gblɔ ɖi na ɣeyiɣi, si gbɔna la.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 114 LIA\nNu ka tae Mawu adɔ eƒe aʋakɔ si Yesu le ŋgɔ na be woaɖawɔ Armagedon-ʋa la?\nŊUTINYA 115 LIA\nAmegbetɔwo nɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi kpɔ, eye nenema ke wòagava nɔ le etsɔme.\nŊUTINYA 116 LIA\nÐe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu ŋu ɖeɖe sɔ gbɔa? Ne eya ɖeɖe mesɔ gbɔ o la, ke nu kae gahiã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/8\/","date":"2018-02-19T08:41:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812556.20\/warc\/CC-MAIN-20180219072328-20180219092328-00720.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992215633,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992215633392334}","num_words":245,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI míedzi mía viŋutsu Gary le ƒe 1958 me teti la, mede dzesii be nane gblẽ le eŋu. Ke hã, ɣleti ewo megbe hafi ɖɔktawo va kpɔ nu si nɔ fu ɖem nɛ, eye ƒe atɔ̃ megbe hafi eƒe dɔlélea ŋuti nunyala bibi siwo le London va ɖo kpe eƒe nɔnɔmea dzi. Nye dzi gbã vevie le ƒe asieke megbe esi medzi vinyenyɔnuvi Louise, si ƒe nɔnɔmea gasẽ kura wu Gary tɔ.\nÐɔktawo gblɔ nam blewu be, \"viwò eveawo katã le dɔléle aɖe si wodzina kple ame, si woyɔna be LMBB syndrome * lém, eye naneke meli woawɔ tso eŋu o.\" Ɣemaɣi la, womenya nu boo aɖeke tso dɔ sia ŋu o. Dɔa ƒe dzesi aɖewoe nye numakpɔmakpɔ nyuie si nana wova zua ŋkunɔ, lolo akpa, asibidɛ alo afɔbidɛ siwo wu atɔ̃, axlɔ̃esisi, ŋutinuwo ƒe dɔmawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu, suklidɔ sesẽ, ƒumeŋuɖui, kple ayikuwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie. Edze ƒãa be vinyewo dzi kpɔkpɔ manɔ bɔbɔe kura o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Britain ɖee fia be dɔléle sia le ame 1 le ame 125,000 ɖe sia ɖe dome ŋu, eye anɔ ame bubu geɖewo hã ŋu, ke ɖeko wo tɔ nu mesẽ boo o.\nYEHOWA, MÍAƑE \"MƆ́ SESẼ\"\nEsi meɖe srɔ̃ teti la, Yehowa Ðasefo aɖe ɖo dze kplim eye mede dzesii enumake be nyateƒeae nye ema. Gake srɔ̃nye ya mekpɔ dzidzɔ ɖe woƒe nufiafia ŋu o. Le eƒe dɔwɔɖui ta la, míenɔa ʋuʋum tso teƒe yi teƒe, eya ta nyemetea ŋu dea hame ƒe kpekpewo o. Ke hã meyi Biblia xexlẽ dzi eye medoa gbe ɖa na Yehowa. Efa akɔ nam ŋutɔ esi mexlẽe le Biblia me be, \"Yehowa enye mɔ́ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ́ sesẽ le xaxaɣiwo me,\" eye \"megblẽa ame siwo dia [eyome] mɔ la ɖi o\"!—Ps. 9:10, 11.\nGary mekpɔa nu nyuie o, eya ta esi wòxɔ ƒe ade la, míekplɔe yi suku si wonaa hehe tɔxɛ ŋkunɔwo le le England ƒe anyieheƒuta. Eƒoa ka nam edziedzi gblɔa nu siwo le fu ɖem nɛ la nam, eye mezãa Biblia ƒe mɔfiame veviwo tsɔ kpena ɖe eŋu. Le Louise dzidzi ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, ʋukamexexedɔ kple lãmekaveamedɔ va ɖe fu nam vevie. Gary trɔ gbɔ tso sukukpodzi esi wòxɔ ƒe 16. Gake ɣemaɣi eƒe ŋku tsi vɔ keŋ eye dziɖuɖudɔwɔƒewo bui ŋkuagbãtɔe le ƒe 1975 me. Le ƒe 1977 me la, srɔ̃nye gblẽ mí ɖi dzo.\nEsi Gary gbɔ tso suku megbe kpuie la, míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le hame lɔ̃ame si me míele la me, eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1974 me. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be hamemetsitsi aɖe kpe ɖe Gary ŋu wònɔ te ɖe tɔtrɔ siwo me tom wònɔ le eƒe ƒewuiwo me la nu. Ðasefo bubuwo kpena ɖe ŋunye le aƒemedɔwo wɔwɔ me, eye emegbe dziɖuɖua xɔ wo dometɔ atɔ̃ wozu hadomekpekpeɖeŋunala siwo woxea fe na be woanɔ mía gbɔ kpɔm le aƒe me. Yayra ka gbegbee nye esi!\nGary wɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1982 me. Edi vevie be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Eya ta meɖoe be makpe ɖe eŋu le dɔ sia wɔwɔ me, eye míewɔe ƒe geɖe. Dzi dzɔ vinyea ŋutɔ esi míaƒe nutome sue dzikpɔla biae be, \"Gary, ɖe màdi be yeava zu gbesiagbe mɔɖela oa?\" Dzideƒoname ma tututue Gary hiã, ale wòva zu gbesiagbe mɔɖela le ƒe 1990 me.\nWowɔ dɔ na Gary heɖɔli eƒe aligoƒu zi eve le ƒe 1999 kple ƒe 2008 me, gake vinye Louise ƒe lãmesẽnyawo ya vloe kura wu. Eya mekpɔ nu kura kpɔ o, eye esi mekpɔ be eƒe afɔbidɛwo wu atɔ̃ la, menya enumake be LMBB syndrome ƒe dɔ vɔ̃ɖia le eya hã ŋu. Dodokpɔwo ɖee fia be nu gblẽ le eƒe lãmenu vovovowo hã ŋu vevie. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wowɔ dɔ sesẽ geɖewo nɛ, eye wowɔ dɔ na eƒe ayikuwo zi atɔ̃ sɔŋ. Suklidɔ le eya hã ŋu abe Gary ke ene.\nEsi Louise nya be kuxi sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa le dɔwɔwɔ na ye me ta la, edoa ŋgɔ ɖea nu me na amekolawo, ɖɔkta siwo dea ame alɔ̃ me kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla bubuawo tso atikewɔwɔ ʋumadomadoe ƒe mɔnu siwo wòdi be woazã na ye ŋu. Esia na ƒomedodo nyui le eya kpe atikewɔla siwo kpɔa egbɔ nyuie la dome.\nMƆKPƆKPƆ MEBU ÐE MÍ O\nMíewɔa nu vovovowo le mía ƒeme siwo kpena ɖe mía ŋu be míalé Yehowa subɔsubɔ me ɖe asi. Hafi egbegbe elektrɔnikmɔ̃wo nava bɔ la, mexlẽa nu na Gary kple Louise gaƒoƒo geɖe. Fifia CD, DVD kple nu siwo wolé ɖe Internet dzi le www.jw.org la kpena ɖe mí katã ŋu míesea vivi le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia sɔsrɔ̃ me le ɣeyiɣi vovovowo me, eye míetea ŋu ɖoa nya ŋu nyuie le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me.\nƔeaɖewoɣi Gary léa eƒe nyaŋuɖoɖowo ɖe susu me gblɔna, eye ne dɔdeasi le esi le Teokrasi Subɔsubɔ Suku me la, etea ŋu ƒoa nu faa tso susu me. Woɖoe subɔsubɔdɔwɔla le ƒe 1995 me eye wòdoa vevie nu le Fiaɖuƒe Akpataa me, edoa vivi ɖe amewo ŋu le kpekpeawo me eye wòkpea asi ɖe nuƒomɔ̃wo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.\nÐasefo bubuwo dea gbeadzi kple Gary, eye wotutua eƒe bunɔkeke si wòzãna le eƒe ƒunukpeƒetetedɔa ta la nɛ. Ðasefoawo dometɔ ɖeka kpena ɖe eŋu wòwɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ aɖe. Gary de dzi ƒo na Kristotɔ aɖe si dzudzɔ gbeadzidede ƒe 25 ye nye esia eye dzo gaɖo eme. Ame eve siawo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem fifia.\nEsi Louise xɔ ƒe asieke la, esrɔ̃ avɔlɔlɔ̃ le mamaa gbɔ, eye nye kple nɔvi aɖe si le egbɔ kpɔm le aƒe me míefiae ale si wolɔ̃a atsyãwo ɖe avɔwo me. Esi nulɔlɔ̃ doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ ta la, elɔ̃a kuntru dzeani siwo le amadede vovovo me na vidzĩwo kple hamea me tɔ tsitsiwo. Ewɔa gbedonamegbalẽvi siwo dzi wòtrea nɔnɔmetata suesuewo ɖo la hã. Ame siwo xɔa agbalẽvi siawo dea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔ. Louise srɔ̃ kɔmpiuta ƒoƒo le eƒe ƒewuiwo me. Fifia, kɔmpiuta aɖe si yɔa nyawo le esi, si kpena ɖe eŋu wòɖoa dze kple exɔlɔ̃ siwo le afi sia afi. Louise xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 17. Míesea vivi le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ɖekae le dɔ tɔxɛwo wɔɣi. Louise léa mawunyakpukpuiwo ɖe susu me abe Gary ke ene tsɔ ʋua eƒe dzixɔse me. Esia ƒe ɖee nye xexe yeye si ŋugbe Mawu do, si me \"ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu\" eye \"duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.\"—Yes. 33:24; 35:5.\nAleke gbegbe míedaa akpe na Yehowa ɖe nyateƒe xɔasi si le eƒe Nya Biblia me la tae nye esi! Míaƒe dziwo yɔ fũu kple dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋu si míaƒe hamea naa mí lɔlɔ̃tɔe la ta, elabena eya manɔmee la, míate ŋu awɔ nu siwo míewɔna la dometɔ geɖe o. Eye vevietɔ le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe mí le agbe me o.\n^ mm. 5 Dɔléle sia ƒe ŋkɔ bliboe nye Laurence-Moon-Bardet-Biedl syndrome. Wodzinɛ kple ame ne dɔlékuia le dzila eveawo ƒe ʋu me. Ðɔkta ene siwo ke ɖe dɔ sia ŋu la ƒe ŋkɔwoe wotsɔ nɛ. Egbea woyɔnɛ kpuie ko be Bardet-Biedl syndrome. Wometea ŋu danɛ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130515\/m%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-mebu-%C9%96e-m%C3%AD-le-agbe-me-o\/","date":"2018-03-22T10:38:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647838.64\/warc\/CC-MAIN-20180322092712-20180322112712-00064.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988843799,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998884379863739}","num_words":1157,"character_repetition_ratio":0.03,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 5 2016 | Ðe Yesu Nɔ Anyi Kpɔ Ŋutɔŋutɔa?\nNu kae ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNya kae agbalẽnyala siwo li egbea kple esiwo nɔ anyi le blema gblɔ tso nya sia ŋu?\nWATCHING THE WORLD\nDzimaɖitsitsi kple ŋutasẽnuwɔwɔ nye kuxi ʋɛ siwo ame siwo le Amerika dukɔ aɖewo me doa goe la dometɔ aɖewo ko. Ðe Biblia me nunya ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?\nHELP FOR THE FAMILY\nÐeviwo megale tsitsim hafi va le nu siwo me gbɔdɔnuwɔnawo le la kpɔm o. Nu si wòle be nànya kple nu si nàwɔ atsɔ akpɔ viwò tae?\nNu siwo nana míenɔa agbe la dometɔ aɖeke mele vevie de karbɔn nu o. Nu kae wònye, eye nu ka tae wòle vevie nenema gbegbe?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nEɖea vi geɖe ne míeɖea nɔnɔme sia fiana. Aleke wòate ŋu akpe ɖe ŋuwòe, eye aleke nàte ŋu aɖee fiae?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nXexemenunyala gã sia ƒe susu le nanewo ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafiawo dzi.\nVideo siwo le jw.org nyatakakadiƒea le vi ɖem na kpovitɔwo, suku ƒe aɖaŋuɖolawo kple ame bubuwo.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo wɔ nu nyuiwo na wò la ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2016-october\/","date":"2018-03-22T10:32:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647838.64\/warc\/CC-MAIN-20180322092712-20180322112712-00262.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988545179,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988545179367065}","num_words":203,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ akpakpa ma, si le ɖiɖim ɖe ŋutsua ƒe ta dzi la ɖa. Ŋutsu lae nye Yesu. Fifia exɔ abe ƒe 30 ene. Eye ŋutsu, si le egbɔe nye Yohanes. Míesrɔ̃ nane tso eŋu xoxo. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si Maria yi eƒe ƒometɔ Elisabet gbɔ, eye vidzĩe, si le Elisabet ƒe dɔme la ti kpo kple dzidzɔ la dzia? Ðevi ma, si nɔ dɔme lae nye Yohanes. Gake nuka wɔm Yohanes kple Yesu wole le afisia?\nFifi laa ko Yohanes nyrɔ Yesu ɖe Yordan-tɔsisia me. Aleae wonyrɔa amee. Gbã la, wonyrɔa amea ɖe tsia gɔme, eye emegbe wogafɔnɛ ɖe dzi. Esi wònye nusiae Yohanes wɔna na amewo ta la, woyɔnɛ be Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Gake nukatae Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me?\nYohanes nyrɔe, elabena Yesu va egbɔ hebiae be wòanyrɔ ye. Yohanes na nyɔnyrɔ amesiwo di be yewoaɖee afia be eve yewo be yewowɔ nu baɖawo. Gake ɖe Yesu wɔ nu baɖa aɖe kpɔ esi avee mahã? Ao, Yesu mewɔ nu baɖa kpɔ o, elabena Mawu ŋutɔ ƒe Vi wònye tso dziƒo. Eyata ebia be Yohanes nanyrɔ ye le susu bubu aɖe ta. Na míakpɔ susu si ta wònye la ɖa.\nHafi Yesu nava Yohanes gbɔ le afisia la, atikpala wònye. Atikpala nye amesi tsɔa ati kpaa nuwoe, abe kplɔ̃wo kple zikpuiwo ene. Maria srɔ̃, Yosef, nye atikpala eye wòfia Yesu hã be wòanye atikpala. Gake Yehowa medɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòanye atikpala o. Dɔ tɔxɛ aɖe le esi nɛ be wòawɔ, eye ɣeyiɣi la de be Yesu nadze ewɔwɔ gɔme. Eyata be Yesu natsɔ afia be yeva ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu wɔ ge la, ebia Yohanes be wòanyrɔ ye. Ðe Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe esia ŋua?\nẼ, elabena esi Yesu do le tsia me la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: 'Amesiae nye Vinye, si dzea ŋunye.' Edze hã abe ɖe dziƒo ʋu, eye akpakpa sia ɖi ɖe Yesu dzi ene. Gake menye akpakpa ŋutɔŋutɔe o. Ðeko wòdze abe akpakpa ene. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wònye.\nFifia nu geɖe li, si ŋu Yesu nade ŋugble le, eyata eya ɖeka yi ɖanɔ teƒe aɖe ŋkeke 40. Satana va egbɔ le afima. Satana dze agbagba zi etɔ̃ be yeana Yesu naw�� nane, si tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu. Gake Yesu mewɔe o.\nEmegbe la, Yesu trɔ dzo hedo go ŋutsu aɖewo, siwo va zu eyomedzela alo nusrɔ̃la gbãtɔwo. Wo dometɔ aɖewo ŋkɔe nye Andrea, Petro (wogayɔnɛ be Simon), Filipo, kple Natanael (wogayɔnɛ be Bartolomeo). Yesu kple nusrɔ̃la yeye siawo yi ɖe Galilea-nuto me. Esi woɖo Galilea la, wotɔ ɖe Natanael ƒe du, si nye Kana la me. Afima Yesu de srɔ̃ɖeŋkekenyui gã aɖe ɖuƒe le, eye wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. Ènya nukunu si wònyea? Etrɔ tsi wòzu wein.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yohanes-nyr%C9%94-yesu\/","date":"2018-04-23T15:20:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125946077.4\/warc\/CC-MAIN-20180423144933-20180423164933-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993286133,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99932861328125}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nSlovakia\nNáboženská spoločnosť Jehovovi svedkovia\nPO Box 2\n830 04 BRATISLAVA 34\nSLOVAK REPUBLIC\n+421 2-49107611\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5\n0","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/slovakia\/","date":"2018-04-22T15:09:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945604.91\/warc\/CC-MAIN-20180422135010-20180422155010-00626.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997683167,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997683167457581}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukata wogblɔa be Eʋenyigba ma ɖe Nigeria-Benin-Togo-Ghana me ɖo ?\nGbeƒãɖeɖe Index\nKe Gen si míeyɔa le eʋegbe me bena Gɛ̃awo ƒe akpa ɖe si ʋu dzo le Accra (GHANA) heva tso kɔƒe ɖe eʋenyigba ƒe teƒe si woyɔ bena ANEXƆ alo ANÉXO (ANEHO: ŋkɔ sia nye ablotsi yevu siwo tso Frãns la ƒe nuyɔyɔ). Amesiawo doa gbe si woyɔa bena Mina. Gbe sia dzɔ tso amedzrovi siawo ƒe eʋegbe dodo me eye eya hã ƒe dodo nye eʋegbe ƒomea ɖe si xɔ Anexɔ dua heva gbã ɖe Lome si nye Eʋedu (Beawo ƒe nɔƒe) la me, elabena eya nye Togo ƒe dugã si dzama yevuawo va tu emegbe sime woɖe dugã dzo le Anéxo taa, Anéxotɔwo dze dzama yevuwo yome, ʋu va dze Lome dugã me kple woƒe amedzrovi eʋegbe dodoa. Amesiawoe woayɔ bena AYIGBEAWO (yɔyɔ sia alo gbɔgblɔ sia le abe ame megbe ŋkɔ ene alo dzugbe ŋkɔ ene). Ŋkɔ si dukɔ bubuawo le Ghana alo Bluawo nɔa yɔyɔm na Eʋeawo, vɔ Eʋeawo menye Ayigbeawo o. Dukɔa ɖeke meli si woyɔna be Ayigbe o.\nƉe aʋa si nɔa dzɔdzɔm edziedzi le Gɛ̃awo (Accratɔwo) kple Bluawo dome la, Gɛ̃ dua ƒe akpa aɖe ʋu dzo le Gɛ̃ heɖo ta ɖe ɣedzeƒe, eye wova dze teƒe aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Anexɔ le ɣeyiɣi si me Eʋeawo nɔa ʋuʋum le Nɔtsiẽ. Emegbe abe alesi xotutua yi ene la, Gɛ̃ dua dɔ ame hatsotso aɖe ɖoɖe Anexɔ fia AYI gbɔ, hebiae be woagbɔ va Gɛ̃ (Accra) kple eƒe hameawo vɔ Ayi melɔ ɖe biabia sia dzi o, elabena esusui be Anexɔ du la me dze edzi naye xoxo. Bluawo se nya sia emegbe eye wonye adã kaŋu nawo abe dziɖulawo ene tso aʋa siwo nɔa edzi yim le wo kple Gɛ̃awo me, le ɣemayiwo me. Wosusu be ame siawoe nye Eʋeawo taa wonɔa wo yɔm be Ayigbeawo si gɔmee nye be fia Ayi gbe be yema trɔ agbɔ va Gɛ̃ (Accra) kple yeƒe hatsotsoa o.\n- << Vayi\n- Kplɔɖo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/xotutuwo\/94-nukata-wogbl-a-be-e-enyigba-ma-e-nigeria-benin-togo-ghana-me-o?showall=&start=1","date":"2018-08-17T19:33:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221212768.50\/warc\/CC-MAIN-20180817182657-20180817202657-00416.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994329214,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994329214096069}","num_words":326,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua?\nMíate ŋu azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ adzro nu me kple amewo, eye míate ŋu atrɔ asi le míaƒe numedzodzroa ŋu wòasɔ ɖe míaƒe nyaselawo nu\nMíate ŋu aɖe gbeƒã le teƒe siwo míake ɖe amewo ŋu le kple ɣeyiɣi siwo míake ɖe wo ŋu dzi\nMíate ŋu alɔ̃ ɖe amewo ƒe dzixɔsewo dzi aɖaŋutɔe kple susu be míanɔ te ɖe edzi aɖe gbeƒã na wo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec24-30\/sr%C9%94%CC%83-apostolo-paulo-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-nufiafia\/","date":"2018-11-19T08:32:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039745486.91\/warc\/CC-MAIN-20181119064334-20181119090334-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99955827,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995582699775696}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso wo Fofo Yehowa si le dziƒo la gbɔ si akpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo dzidzedzetɔe? Mikpɔ video si nye Yehowa Fia Ale Si Míahe Mía Viwoe Mí, eyome miaɖo biabia siwo ku ɖe Abilio kple Ulla Amorim ŋu la ŋu:\nAleke nu siwo gbegbe me woawo ŋutɔwo to le woƒe ɖevime dzra wo ɖo wohe wo viwo?\nNu dodzidzɔname kawoe dzɔ le wo viawo ƒe ɖevime siwo dzi wo viawo ɖoa ŋkui?\nAleke Abilio kple Ulla dze agbagba be yewoawɔ ɖe 5 Mose 6:6, 7 me nyawo dzi?\nNu ka tae womegblɔa nu siwo tututu wo viwo awɔ la na wo ko o?\nAleke wokpe ɖe wo viwo ŋu be woate ŋu awɔ tiatia nyuiwo le woƒe tsitsime?\nEsi wodea dzi ƒo na wo viwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la, nu kae woawo ŋutɔwo tsɔ sa vɔe? (bt 178 ¶19)","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan7-13\/yehowa-ale-si-m%C3%ADahe-m%C3%ADa-viwoe-biabia\/","date":"2018-12-16T03:43:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376827252.87\/warc\/CC-MAIN-20181216025802-20181216051802-00133.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993676543,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993676543235779}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apostolo Paulo ƒo nu tso haxɔsetɔwo kpɔkplɔ yi ʋɔnu ŋu le 1 Korintotɔwo 6:1-8. Ete ɖe edzi ŋutɔ be Kristotɔ siwo nɔ Korinto la dometɔ aɖewo 'doa dzi kplɔa wo nɔviwo yia ʋɔnu le ame madzɔmadzɔwo gbɔ.' (Kpukpui 1) Paulo ɖe susu vevi siwo tae mele be Kristotɔwo nakplɔ wo nɔewo ayi ʋɔnui o, ke boŋ woana hamea nakpɔ nyawo gbɔ na wo la me. Mina míadzro nu siwo tae gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu sia la dometɔ aɖewo me, eye míaƒo nu tso go ʋɛ aɖewo siwo ŋu Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa meku ɖo o hã ŋu.\nGbã la, ne masɔmasɔ ɖo mía kple haxɔsetɔ aɖe dome le dɔwɔnyawo me la, ele be míadi be míakpɔ nyawo gbɔ le mɔ si adze Yehowa ŋu nu, ke menye ale si mía ŋutɔ míedii o. (Lododowo 14:12) Yesu ɖee fia be anyo wu be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba bene woagava zu nya gã o. (Mateo 5:23-26) Gake nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖewo hea nya kple wo nɔewo vevie hekplɔa wo nɔewo yia ʋɔnu kura gɔ̃ hã. Paulo gblɔ be: \"Ne miekplɔa mia nɔewo yia ʋɔnu la, ekema miedo kpo nu xoxo.\" Nu ka tae? Susu vevi ɖekae nye be esia maƒo nu nyui tso hamea kple Mawu si subɔm míele ŋu o. Eya ta ele be míabu Paulo ƒe biabia sia ŋu vevie, be: \"Nu ka ta miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o?\"—Kpukpui 7.\nPaulo ɖe nu me hã be Mawu wɔ ɖoɖo nyui aɖe le hamea me be woatsɔ akpɔ nɔvi kple nɔvi dome nyawo gbɔ. Hamemetsitsiwo nye Kristotɔ siwo si nunya su to Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe sidzedze dzi, eye Paulo gblɔ be ame siawo 'ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu na nɔviawo' le \"agbe sia me nyawo\" ŋu. (Kpukpui 3-5) Yesu gblɔ be afɔɖeɖe etɔ̃e woate ŋu awɔ le nu vɔ̃ gãwo, abe ameŋugbegblẽ alo ametafatafa ene, gbɔ kpɔkpɔ me: gbã la, ele be ame si dzi wodze agɔa le nakpɔ nyaa gbɔ le eya kple ame si dze agɔa ɖeɖe dzaa dome; evelia, ne afɔɖeɖe gbãtɔa mekpɔ dzidzedze o la, ate ŋu ayɔ ɖasefo ɖeka alo eve akpe ɖe eɖokui ŋu; etɔ̃lia, ne afɔɖeɖe evelia hã mekpɔ dzidzedze o la, wòatsɔ nyaa ayi na hame la, si nye hamemetsitsiwo.—Mateo 18:15-17.\nGake menye senyalawo alo dɔwɔɖui ŋuti aɖaŋuɖolawoe hamemetsitsiwo nye o, eye mele be woawɔ wo ɖokui nenema hã o. Menye woawoe ade se ku ɖe ale si nɔvi kple nɔvi akpɔ masɔmasɔ siwo do mo ɖa le woƒe dɔwɔnyawo me gbɔ la ŋu na wo o. Ke boŋ wodzea agbagba be yewoakpe ɖe ame siwo dome masɔmasɔa le ŋu be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo awɔ dɔe ahakpɔ nyawo gbɔ le ŋutifafa me. Le nya sesẽ aɖewo gome la, woate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso nutome sue dzikpɔla loo alo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea gbɔ. Gake nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa si abia be nɔvi nakplɔ nɔvi ayi ʋɔnu, evɔ manye Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi dada o. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?\nLe go aɖewo me la, nya aɖe tsɔtsɔ yi ʋɔnu ate ŋu anye senya aɖe ŋuti afɔɖeɖe dzro ko, ke manye le ɖokuitɔdidi alo dzrehehe ta o. Le kpɔɖeŋu me, xexea me ʋɔnudrɔ̃ƒewo koe ame ate ŋu axɔ nu siwo gbɔna la ŋuti ɖaseɖigbalẽwo le: srɔ̃gbegbe, dzila si gbɔ ɖevi anɔ ŋuti gomenɔamesi, dzikpɔga si woanɔ ame srɔ̃ nam le srɔ̃gbegbe megbe, nugblẽfexega xɔxɔ, ame ƒe ŋkɔ dede fetɔwo dome nenye be ame si nyi fea na setɔwo nya be yeɖu agba, kple kpeɖoɖo domenyinumagbalẽwo dzi. Nya aɖewo hã ate ŋu ado mo ɖa, si ana nɔvi aɖe nakpɔe be ahiã be yeasama nɔvi si sama ye atsɔ akpɔ ye ɖokui ta. *\nNe menya nye dzrehehe ƒe gbɔgbɔ tae Kristotɔ aɖe tsɔ woa kple nɔvia dome nya siawo tɔgbi yi setɔwo gbɔ o ko la, manye Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me la dzi dada o. * Ke hã, nu si wòle be wòanɔ vevie na Kristotɔwoe nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ kpakple nana be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me. Lɔlɔ̃ ye nye nu vevitɔ si wotsɔ dea dzesi Kristo yomedzelawo, eye \"lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o.\"—1 Korintotɔwo 13:4, 5; Yohanes 13:34, 35.\n^ mm. 2 Togbɔ be mebɔ o hã la, ate ŋu adzɔ be Kristotɔ aɖe nawɔ nu vlo ɖe nɔvia ŋu, abe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, ame dzi dzedze ŋutasesẽtɔe, amewuwu, alo adzodada ene. Le go siawo me la, manye Kristotɔwo ƒe nudidiwo dzi dada ne nɔvi aɖe tsɔ nya siawo yi na setɔwo o, togbɔ be ema ana woahe agɔdzelaa ayi ʋɔnu hã.\n^ mm. 3 Kpɔ Gbetakpɔxɔ siwo gbɔna hena numekɔkɔ bubuwo: March 15, 1997, axa 17-22, kple October 15, 1991, axa 25-28 [Vol. 112, No. 20, axa 25-28].","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/d%C9%94w%C9%94nyawo-mas%C9%94mas%C9%94wo-egb%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2019-01-24T08:56:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547584519757.94\/warc\/CC-MAIN-20190124080411-20190124102411-00324.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970789552,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970789551734924}","num_words":755,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Tia nyabiase si do dzidzɔ na wò la le ete.\nMawu\nBiblia\nYesu\nAgbe Kple Ku\nFukpekpe\nDzixɔsewo Kple Subɔsubɔ\nAgbenɔnɔ Kple Agbe Nyui Nɔnɔ\nNa Yehowa Ðasefowo Nasrɔ̃ Biblia Kpli Wò\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nBia be míava srɔ̃ kpli wò femaxee le teƒe kple game si asɔ na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/","date":"2019-02-18T16:43:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-09\/segments\/1550247487595.4\/warc\/CC-MAIN-20190218155520-20190218181520-00047.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995070696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995070695877075}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NUKA kpɔm nèle le afisia? Aʋakɔ, si le sɔ ɣiwo dzi. Gake kpɔ afisi wodo tso gbɔna la ɖa. Sɔawo le du dzi le alilikpowo dzi tso dziƒo! Ðe sɔwo le dziƒo vavãa?\nAo, menye sɔ ŋutɔŋutɔwoe nye esia o. Míenya, elabena sɔwo mate ŋu aƒu du le alilikpowo dzi o. Gake Biblia la gblɔ be sɔwo le dziƒo. Ènya nusitaea?\nElabena ɣeaɖeɣi, si va yi la, wozã sɔwo zi geɖe le aʋawɔwɔ me. Eyata Biblia la gblɔ be amewo le sɔ dom tso dziƒo be wòatsɔ afia be Mawu le aʋa wɔ ge kple amewo le anyigba dzi. Ènya alesi woyɔna na teƒe, si woawɔ aʋa sia lea? Harmagedon. Aʋa ma atsrɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi.\nYesue anɔ ŋgɔ le Harmagedon-ʋa sia wɔwɔ me. Ðo ŋku edzi be Yesue nye Amesi Yehowa tia be wòanye Yeƒe dziɖuɖu la ƒe Fia. Ema tae Yesu ɖɔ fiakuku ɖo. Eye yi la fia be atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã. Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã?\nTrɔ yi megbe nàkpɔ Ŋutinya 10 lia ɖa. Nukae nèkpɔ le afima? Tsiɖɔɖɔ gã, si tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo lae. Amekae he Tsiɖɔɖɔa vɛ? Yehowa Mawue. Azɔ kpɔ Ŋutinya 15 lia ɖa. Nukae le dzɔdzɔm le afima? Dzo, si tso Yehowa gbɔ la le Sodom kple Gomora tsrɔ̃m.\nTrɔ yi Ŋutinya 33. Kpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖe Egiptetɔwo ƒe sɔwo kple aʋatasiaɖamwo dzi la ɖa. Amekae na tsi la nyẽ tsyɔ wo dzi? Yehowae. Ewɔ esia be wòatsɔ akpɔ eƒe amewo tae. Kpɔ Ŋutinya 76 lia ɖa. Àkpɔ be Yehowa na wotsrɔ̃ eƒe dukɔ, Israel-viwo kura gɔ̃ hã le woƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta.\nEyata mele be wòawɔ nuku na mí o be Yehowa adɔ eƒe dziƒoʋakɔwo be woahe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ava nuwuwui le anyigba dzi. Gake bu tame le nusi ema anye ŋuti kpɔ! Ʋu axa, si kplɔe ɖo la ne míakpɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/8\/armagedon\/","date":"2019-06-19T07:07:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998923.96\/warc\/CC-MAIN-20190619063711-20190619085711-00111.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997759461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997759461402893}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Dɔwɔwɔwo ta 5 ƒe nya nu la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo yi gbedoxɔa me, afi si woate ŋu ake ɖe ame geɖewo ŋu le be woate ŋu agblɔ nya nyuia na wo. (Dw 5:19-21, 42) Egbea hã, nu nyuiwo le dodom tso ɖaseɖikekeviawo zazã me le dutoƒo.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE KEKEVIWO ZAZà LE ÐASEÐIÐIDƆA ME LE VI ÐEM LE XEXEA ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nƔekaɣie wodze ɖaseɖikekeviawo zazã gɔme, eye alekee?\nMɔ ka nue ɖaseɖikekeviawo ɖea vi wu kplɔ̃a le?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mi Jung You ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?\nAleke Jacob Salomé ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe ale si kekeviawo zazã le vevie la fiae?\nAleke Annies kple srɔ̃a ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe ale si wòle be míaɖi ɖase nyuie ne míele kekeviawo zãm la fiae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov19-25\/kekeviwo-zaz%C3%A3-le-vi-%C9%96em-xexea-biabia\/","date":"2019-06-17T18:59:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998558.51\/warc\/CC-MAIN-20190617183209-20190617205209-00316.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985785484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985785484313965}","num_words":128,"character_repetition_ratio":0.108,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈSE tedzi aɖe wòle nu ƒom kpɔa? Ðewohĩ àgblɔ be: 'Ao, lãwo mete ŋu ƒoa nu o.' Gake Biblia gblɔ be tedzi aɖe ƒo nu. Na míakpɔ alesi wòdzɔe la ɖa.\nEsusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Kanaan-nyigba dzi. Balak, Moab-fia la le Israel-viwo vɔ̃m. Eyata edɔ ame ɖo ɖe ŋutsu zazɛ̃ aɖe, si ŋkɔe nye Bileam la be wòava ƒo fi ade Israel-viwo. Balak do ŋugbe be yeatsɔ ga gbogbo aɖe na Bileam, eyata Bileam lia eƒe tedzi hedze mɔ yina ɖe Balak gbɔ.\nYehowa medi be Bileam naƒo fi ade Yeƒe dukɔ la o. Eyata edɔ mawudɔla aɖe, si lé yi legbee aɖe ɖe asi la be wòatsi tre ɖe mɔa dzi be Bileam magayi o. Bileam mete ŋu le mawudɔla la kpɔm o, gake eƒe tedzia ya le ekpɔm. Eyata tedzi la le agbagba dzem be yeatrɔ adzo le mawudɔla la gbɔ, eye mlɔeba la, tedzi la tsyɔ akɔ ɖe mɔa dzi. Bileam do dziku ŋutɔ, eye wòtsɔ ati ƒo tedzi la.\nEye Yehowa na Bileam ƒe tedzi la ƒo nu nɛ. Tedzi la bia be: 'Nukae mewɔ na wò hafi nèle ƒoyem?'\nBileam gblɔ be: 'Èna be meɖi tsukunɔ. Ne yi ɖe wòle asinye la, ne mewu wò!'\nTedzi la bia be: 'Ðe mewɔ nusia ɖe ŋuwò kpɔa?'\nBileam ɖo ŋu be: 'Ao.'\nTete Yehowa na Bileam kpɔ mawudɔla, si lé yi ɖe asi le mɔa dzi la. Mawudɔla la bia be: 'Nukatae nèƒo wò tedzia? Meva xe mɔ na wò, elabena mele be nàyi aɖaƒo fi ade Israel o. Ne wò tedzi la ɖe metrɔ ɖa le ŋunye o la, mawu wò, gake nyemawu wò tedzia ya o.'\nBileam gblɔ be: 'Mewɔ nuvɔ̃. Nyemenya be ètsi tre ɖe mɔa dzi o.' Mawudɔla la ɖe mɔ na Bileam wòdzo, eye Bileam yi ɖe Balak gbɔ. Egadi kokoko be yeaƒo fi ade Israel, gake Yehowa na wòyra Israel zi etɔ̃ sɔŋ boŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/bileam-%C6%92e-tedzi\/","date":"2019-06-16T07:27:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00343.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992995262,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992995262145996}","num_words":314,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU GAGBLƆ EƑE KU ŊU NYA ÐI\nETSƆ GAKU SI WOÐE LE TƆMELà ƑE NU ME XE ADZƆE\nAME KAE ANYE GÃTƆ LE FIAÐUƑE LA ME?\nEsi Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le toa dzi eye emegbe wòda gbe le ŋutsuvi si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la ŋu le Kaisarea Filipi megbe la, eɖo ta Kapernaum. Esi medi be amehawo \"nanya\" nu tso yeƒe mɔzɔzɔa ŋu o ta la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖee zɔ mɔa. (Marko 9:30) Esia gana mɔnukpɔkpɔe be wòadzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe eƒe ku kple dɔ si woava wɔ la ŋu. Egblɔ na wo be: \"Wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo, eye woawui, ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.\"—Mateo 17:22, 23.\nMenye nya yeyee nya mawo nye na eƒe nusrɔ̃lawo o. Do ŋgɔ la, Yesu ƒo nu tso ale si woava wui ŋu, togbɔ be Petro medi be yeaxɔe ase be esia adzɔ o hã. (Mateo 16:21, 22) Azɔ hã, apostolo etɔ̃ kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa hese dzeɖoɖo si ku ɖe eƒe \"dzodzo\" la ŋu. (Luka 9:31) Yesu yomedzelawo 'xa nu vevie' le eƒe nya sia ta, togbɔ be womese egɔme bliboe o hã. (Mateo 17:23) Ke hã wonɔ vɔvɔ̃m be yewoagabia nyae tso eŋu.\nEmegbe wova Kapernaum, afi si Yesu dzena zi geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi eye wònye apostoloawo dometɔ geɖewo de. Le afi ma la, ame siwo xɔa gbedoxɔmenudzɔdzɔa va Petro gbɔ. Ðewohĩ esi wonɔ didim be yewoatso Yesu nu be mexea adzɔ o ta la, wobia be: \"Ðe miaƒe nufiala ya medzɔa drakma eve [gbedoxɔmenudzɔdzɔ] la oa?\"—Mateo 17:24.\nPetro ɖo eŋu be: \"Edzɔnɛ.\" Kaka wòaɖo aƒea me la, Yesu ya nya nu si dzɔ xoxo. Eya ta hafi Petro nado nyaa ɖa la, Yesu do ŋgɔ biae be: \"Simon, nu kae nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Wo viwo si loo alo ame bubuwo sia?\" Petro ɖo eŋu be: \"Le ame bubuwo si.\" Eyome Yesu gblɔ be: \"Ekema mehiã be viwo naxe adzɔ o ɖe!\"—Mateo 17:25, 26.\nYesu Fofoe nye xexea me katã ƒe Fia kple Ame si wodea ta agu na le gbedoxɔa me. Eya ta se mebia tso Mawu ƒe Vi la si be wòaxe gbedoxɔmenudzɔdzɔa o. Ke hã Yesu gblɔ be: \"Be míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta, nàda ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nu me la, àkpɔ klosalogaku [stata-gaku, alo drakma ene gaku]. Tsɔe yi ɖana wo ɖe nye kpli wò nu.\"—Mateo 17:27.\nEsia megbe kpuie la, nusrɔ̃lawo va ƒo ƒu, eye wobia nya Yesu ku ɖe ame si anye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒea me ŋu. Ame siawo kee nɔ vɔvɔ̃m be yewoabia nya Yesu ku ɖe eƒe kua ŋu, gake womevɔ̃ be yewoabia nyae tso yewoƒe etsɔme ya ŋu o. Yesu nya nu si susum wole. Nya aɖe si ʋlim wonɔ esime wonɔ eyome trɔ gbɔna Kapernaum lae hee vɛ. Eya ta ebia wo be: \"Nya ka ʋlimee mienɔ le mɔa dzi?\" (Marko 9:33) Esi ŋu kpe nusrɔ̃lawo ta la, wozi kpi, elabena wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome tso ame si nye gãtɔ ŋu. Mlɔeba apostoloawo tsɔ biabia si ŋu wonɔ nya ʋlim le la ɖo Yesu ŋkume. Eyae nye be: \"Ame ka tututue nye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me?\"—Mateo 18:1.\nÐewohĩ awɔ nuku na mí be nyaʋiʋli ma tɔgbi aɖo nusrɔ̃lawo dome, elabena wokpɔ nu siwo Yesu wɔ hese eƒe nyawo ƒe etɔ̃ kloe nye ema. Ke hã ame madeblibowo koe woawo hã wonye. Azɔ hã, le subɔsubɔha si me wonɔ tsi me la, amewo tea gbe ɖe nɔƒe gã didi kple ɖoƒe dzi. Gawu la, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Yesu do ŋugbe na Petro be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe \"safuiwo\" anɛ. Ðe esia na wòsusui be yee nye gãtɔa? Yakobo kple Yohanes hã anya susu nu ma ke le esi wokpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la ta.\nAleke kee nyaa ɖale o, Yesu wɔ nane tsɔ ɖɔ woƒe susua ɖo. Eyɔ ɖevi aɖe eye wòtsɔe ɖo wo titina hegblɔ na nusrɔ̃lawo be: \"Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo ene o la, miele yiyi ge ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eya ta ame sia ame si abɔbɔ eɖokui abe ɖevi sia ene la, eyae anye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me; eye ame sia ame si xɔa nenem ɖevi siawo tɔgbi ɖeka le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã.\"—Mateo 18:3-5.\nNufiafia ƒe mɔnu nyui kae nye esi! Yesu medo dziku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ be wonye ŋuklẽlawo alo nu gã dilawo o. Ke boŋ etsɔ ɖevi aɖe wɔ kpɔɖeŋui na wo. Ðevi suewo metsia dzi ɖe ɖoƒe kɔkɔ alo ŋkɔxɔxɔ ŋu o. Eya ta Yesu le eƒe nusrɔ̃lawo fiam be woatu nɔnɔme sia ke ɖo. Azɔ Yesu ƒo eƒe nyaa ta na eyomedzelawo ale: \"Ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.\"—Luka 9:48.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/fia-nu-%C9%96okuib%C9%94b%C9%94\/","date":"2019-06-19T21:35:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999041.59\/warc\/CC-MAIN-20190619204313-20190619230313-00406.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982973933,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998297393321991}","num_words":786,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMESIWO zɔ mɔ didi la tso Babilon va Yerusalem la ade 50,000. Gake esi woɖo la, Yerusalem nye aƒedo gã aɖe. Ame aɖeke mele afima o. Ele be Israel-viwo nagbugbɔ nusianu atu.\nNu gbãtɔ siwo wotu la dometɔ ɖekae nye vɔsamlekpui. Enye teƒe si woate ŋu awɔ lãwo ƒe vɔsa, alo nunana, le na Yehowa. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Israel-viwo dze gbedoxɔ la tutu gɔme. Gake futɔ, siwo te ɖe wo ŋu la medi be woatu gbedoxɔa o. Eyata wodze agbagba be woado ŋɔdzi na wo woadzudzɔ. Mlɔeba la, futɔ siawo na Persia-fia yeye la de se be woadzudzɔ xɔtudɔ la.\nƑewo va yi. Fifia ƒe 17 enye si tso esime Israel-viwo trɔ tso Babilon. Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya be woagblɔ na ameawo be woagadze xɔa tutu gɔme ake. Amewo ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋu, eyata woɖo to nyagblɔɖilawo. Togbɔ be wode se be womagatui o hã la, wogadze etutu gɔme.\nEyata Persia-amegã aɖe si ŋkɔe nye Tatnai la va bia Israel-viwo be mɔ kae wokpɔ hafi le gbedoxɔa tum hã. Israel-viwo gblɔ nɛ be esime yewonɔ Babilon la, Fia Kores gblɔ na yewo be: 'Azɔ miheyi Yerusalem miatu Yehowa, mia Mawu, ƒe gbedoxɔ la.'\nTatnai ɖo agbalẽ ɖe Babilon hebia be ɖe Kores si ku la gblɔ nya ma vavã hã. Eteƒe medidi o agbalẽ tso fia yeye la gbɔ va ɖo. Agbalẽ la be Kores gblɔe vavã. Eyata fia la ŋlɔ agbalẽ be: 'Mina Israel-viwo natu woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la. Eye mele gbe ɖem be miakpe ɖe wo ŋu.' Anɔ abe ƒe ene ene la, wotu gbedoxɔ la vɔ, eye Israel-viwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.\nƑe geɖewo gava yi. Fifia la, ade ƒe 48 tso esime wowu gbedoxɔ la nu. Yerusalemtɔwo nye ame dahewo, eyata du la kple Mawu ƒe gbedoxɔ la menya kpɔ tututu o. Israeltɔ Ezra, si le Babilon la se be ehiã be woaɖo atsyɔ̃ na Mawu ƒe gbedoxɔ la, Eyata ènya nusi wòwɔa?\nEzra yi Persia-fia Artaxsasta gbɔ, eye fia nyui sia tsɔ nunana geɖe na Ezra be wòatsɔ ayi Yerusalem. Ezra bia Israel-vi siwo le Babilon la be woakpe ɖe ye ŋu yewoatsɔ nunana siawo ayi Yerusalem. Ame abe 6,000 ene gblɔ be yewoayi. Klosalo kple sika kple nu xɔasi geɖe su wo si be woatsɔ adzoe.\nEzra tsi dzimaɖi elabena ame vɔ̃ɖiwo le mɔa dzi. Ðewohĩ amesiawo axɔ woƒe klosalo kple sika la ahawu wo. Eyata Ezra yɔ ameawo ƒo ƒu abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata la me ene. Wodo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ yewo ta le Yerusalem ƒe mɔ didi la zɔzɔ me.\nYehowa kpɔ wo ta. Eye le ɣleti ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, woɖo Yerusalem dedie. Ðe esia mefia be Yehowa ate ŋu akpɔ amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu hena kpekpeɖeŋu la ta oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/ezra-gbedox%C9%94a-gbugb%C9%94gatu\/","date":"2019-06-25T12:55:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.23\/warc\/CC-MAIN-20190625112522-20190625134522-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991846681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991846680641174}","num_words":461,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Adzawo kple nugbagbevi bubuwo abe adru ene siwo léna ɖe meliwo ŋu hetsina ɖe wo ŋu la nye kuxi gã aɖe na meliwo ŋu dɔwɔlawo. Nu mawo siwo léna ɖe meliwo ŋu la wɔnɛ be meliwo meɖea zɔ kabakaba o, ewɔnɛ be wonoa ami geɖe wu, eye wòwɔnɛ hã be ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, ele be woaɖe meliwo ayi go dzi be woaklɔ ɖinu mawo le wo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le tɔtrɔm ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu be yewoakpɔ ta na kuxi sia.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Numekukuwo ɖee fia be ŋutete le boso ƒomevi aɖe (Globicephala melas) si be wòaɖe ɖinuwo ɖa le eƒe ŋutigbalẽ ŋu. Do suesuesue aɖewo le eƒe ŋutigbalẽ ŋu le fli me siwo le sue ale gbegbe be adzawo ƒe aziwo mate ŋu age ɖe wo me ahalé ɖe wo me o. Ami aɖe si le abe nugbagbeviwutike ene si ɖea adru kple dɔlékuiwo ɖa la le dometsotso siwo le fliawo dome la me. Ne bosoa ƒe ŋutigbalẽ ɖe tsro la, ami bubu gadona.\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖoe be yewoawɔ ŋutete si le boso si be wòaɖe ɖi le eɖokui ŋu la ŋu dɔ na meliwo. Tsã la, wosia aŋɔ tɔxɛ aɖewo ɖe meliwo ŋu be ɖinu mawo nagalé ɖe wo ŋu o. Gake nyitsɔ laa la, woɖo asi aŋɔ si wozãna wu na dɔ sia wɔwɔ la dzi, elabena aɖi si le eme la gblẽa nu le ƒumelãwo ŋu. Nu si numekulawo ɖo be yewoawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔe nye be yewoaɖe do vivivi siwo me atike si megblẽa nu le ƒumelãwo ŋu o dona tso la ɖe meliwo kɔgo keŋ eye woafa gaɖɔ ɖe eŋu. Ne atsiaƒutsia ka atikea ŋu ko la, atikea blana ɖe edzi helilina ɖe melia kɔgo godoo va kpe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, atike si lili ɖe melia ŋu la klona ɖa eye nugbagbevi siwo lé ɖe eŋu la hã ɖena ɖa kpena ɖe eŋu. Eyome atikea gadona tso do suesuesueawo me xɔna ɖe esi klo ɖa la teƒe.\nDodokpɔ siwo numekulawo wɔ la ɖee fia be mɔnu sia ate ŋu ana be ɖinu siwo léna ɖe meliwo ŋu la dzi naɖe akpɔtɔ teƒe alafa ɖeka. Eye esia aɖe vi na melidɔwɔƒewo ale gbegbe, elabena wogblẽa ga geɖe ŋutɔ ne woɖe meliwo va go dzi be woaɖe ɖinuwo ɖa le wo ŋu.\nNu kae nèsusu? Ðe boso sia ƒe ŋutigbalẽ si klɔa ɖi le eɖokui ŋu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/%C9%96e-wow%C9%94ea\/boso-%C5%8Butigbal%E1%BA%BD-kl%C9%94a-%C9%96i-e%C9%96okui-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-26T06:12:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000175.78\/warc\/CC-MAIN-20190626053719-20190626075719-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980818033,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980818033218384}","num_words":405,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1966\nDUKƆ SI ME WÒTSO: FINLAND\nAME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: GOMENƆAMESITAƲLILA\nAGBE SI MENƆ TSÃ:\nDzɔdzɔmenuwo kpɔkpɔ doa dzidzɔ nam tso ɖevime ke. Míaƒe ƒomea ɖia tsa yia teƒe dzeaniwo zi geɖe, abe ave kple tɔsisi siwo ƒo xlã mía dedu Jyväskylä, si le Titina Finland la, to ene. Azɔ hã, lãwo ƒe nu doa dzidzɔ nam. Esi menɔ ɖevime la, medina be makɔ dadi kple avu ɖe sia ɖe si medo goe la ɖe akɔ. Esi meva tsi la, etena ɖe dzinye ne mekpɔ ale si amewo sẽa ŋuta le lãwo ŋui. Emegbe la, meva ge ɖe habɔbɔ aɖe si ʋlia lãwo ƒe gomenɔamesi ta la me, afi si medo go ame siwo ƒe susu sɔ kple tɔnye le.\nMíaƒe ŋku biã ɖe lãwo ƒe gomenɔamesi taʋiʋli ŋu vevie. Míeɖia tsa maa agbalẽviwo eye míewɔ ɖoɖo lɔa gbɔ tsɔ tsia tsitre ɖe lãgbalẽdzralawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo wua lãwo tsɔ wɔa numekukui la ŋu. Míeva ɖo habɔbɔ yeye aɖe hã hena lãwo ƒe dedienɔnɔ takpɔkpɔ. Esi wònye míetoa akpasesẽnuwɔnawo dzi be míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ ta la, míeɖoa nya me le setɔwo gbɔ zi geɖe. Wolém hekplɔm yi ʋɔnu enuenu.\nTsɔ kpe ɖe dzitsitsi ɖe lãawo ƒe dedienɔnɔ ŋu ŋuti la, kuxi bubu siwo le xexea me hã ɖea fu nam vevie. Esia wɔe be meva ge ɖe dukɔwo dome habɔbɔ vovovowo, abe Amnesty International kple Greenpeace ene, me. Mezã nye ŋusẽ katã tsɔ do alɔ habɔbɔ siawo. Meʋlia ame dahewo, dɔwuitɔwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ta.\nGake meva kpɔe be nyemate ŋu atrɔ xexea me o. Togbɔ be habɔbɔ siawo dze agbagba kpɔ kuxi suesuesue aɖewo gbɔ hã la, kuxi gãtɔwo ya gakpɔtɔ li, eye wole gã dom ɖe edzi. Ðeko wòdze abe vɔ̃ɖinyenye xɔ xexe bliboa katã me eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le naneke me o ene. Mekpɔe be naneke meli mate ŋu awɔ o.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nEte ɖe dzinye be nyemete ŋu wɔ naneke tsɔ ɖɔ xexea ɖo o, eye esia na meva dze tamebubu tso Mawu kple Biblia ŋu. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim kpɔ. Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔmenyo kple ale si wotsɔ ɖe le eme nam ŋu hã la, nyemedi be matrɔ nye agbenɔnɔ ɣemaɣi o. Gake fifia ya, mele klalo be mawɔ tɔtrɔ.\nMehe nye Biblia ɖe go azɔ, eye mexlẽnɛ edziedzi. Nu siwo mexlẽ fa akɔ nam ŋutɔ. Meke ɖe mawunyakpukpui geɖe siwo gblɔ be ele be woalé be na lãwo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 12:10 gblɔ be: \"Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo.\" (Agbenya La) Meva se egɔme hã be menye Mawu gbɔe kuxi siwo le xexea me tso o. Ke boŋ esi ame akpa gãtɔ mewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi o tae míaƒe kuxiwo le dzidzim ɖe edzi. Nu siwo mesrɔ̃ tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu ŋu la de dzi gbɔ nam ŋutɔ.—Psalmo 103:8-14.\nLe ɣeyiɣi mawo lɔƒo me la, mexlẽ nu tso Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ŋu eye mekpe agbalẽvi ɖo hebia be woaɖo ɖeka ɖem. Eteƒe medidi o Ðasefo atsu kple asi aɖe va nye aƒe me hedo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe gbɔnye, eye melɔ̃. Medze Ðasefowo ƒe kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Ale Biblia me nyateƒea dze gege ɖe nye dzi me.\nBiblia kpe ɖe ŋunye mewɔ tɔtrɔ geɖe. Medzudzɔ atama kple aha tsu nono. Metrɔ asi le nye dzedzeme ŋu eye medzudzɔ nya madzetowo gbɔgblɔ. Nyemegadzea aglã ɖe setɔwo ŋu hã o. (Romatɔwo 13:1) Meva dzudzɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ hã, nu si me meƒo ɖokuinye ɖo vĩi tsã.\nTɔtrɔwɔwɔ si sesẽ nam wue nye ale si mawɔ ado go le habɔbɔ siwo me mege ɖo la me. Menɔ bɔbɔe nam kura o. Gbãa, mesusui be ne medo le habɔbɔ mawo me la, ke efia be nyemewɔ nuteƒe na wo o. Gake meva kpɔe be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ xexea ƒe kuxiwo gbɔ. Metso nya me be matsɔ nye ŋusẽ katã ado alɔ Fiaɖuƒe ma ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso eŋu.—Mateo 6:33.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nDɔ si mewɔ tsã abe gomenɔamesitaʋlila ene la na mede mama amewo me—mebua ame aɖewo be wonye ame nyuiwo, ɖewo be wonye ame baɖawo—eye menɔa klalo be matu nu kple ame siwo mebuna be wonye ame baɖawo. Gake Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye medzudzɔ fuléle amewo. Fifia, abe Kristotɔ ene la, medzea agbagba lɔ̃a ame sia ame. (Mateo 5:44) Mɔ siwo nu meɖea lɔlɔ̃ sia fiana le dometɔ ɖekae nye Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na amewo. Dzidzɔe wònye nam be mele gome kpɔm le dɔ nyui sia si le kpekpem ɖe amewo ŋu be ŋutifafa, dzidzɔ, kple mɔkpɔkpɔ vavã nasu wo si la me.\nNye susu me dze akɔ anyi azɔ le esi menya be Yehowa koe ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo ta. Meka ɖe edzi be esi eyae nye Wɔla la ta la, maɖe mɔ amegbetɔwo nayi edzi asẽ ŋuta le lãwo kple wo nɔvi amegbetɔwo ŋu alo agblẽ míaƒe anyigba dzeani sia dome gbeɖe o. Ke boŋ eteƒe madidi o, ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nu sia nu ɖo. (Yesaya 11:1-9) Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònye nam be menya nyateƒenya siawo hele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woaxɔ edzi ase. Fifia nyemegasena le ɖokuinye me be ele be matrɔ xexea me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130701\/tr%C9%94-xexea-me\/","date":"2019-06-20T15:15:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00546.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993309975,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999330997467041}","num_words":876,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu do lo sia esi wònɔ biabia si nye: \"Ame ka tututue nye hanyevi?\" la ŋu ɖom. (Lk 10:25-29) Enya be ame siwo ava nɔ Kristo hamea me la anye \"ame ƒomeviwo katã\" siwo dometɔ aɖewo anye Samariatɔwo kple dukɔ bubu me tɔwo. (Yh 12:32) Lododo sia kpe ɖe eyomedzelawo ŋu wose egɔme be, ele be yewoadze agbagba alɔ̃ ame bubuwo, ame siwo ƒe nuwɔnawo to vovo kura na yewo tɔwo gɔ̃ hã.\nBIA ÐOKUIWÒ BE:\n'Aleke mesena le ɖokuinye me tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso to alo nuto bubuwo me la ŋu?'\n'Ame siwo ƒe dekɔnuwo sɔ kple tɔnye koe medea ha kplii ɣesiaɣia?'\n'Ðe mate ŋu aʋu nye dzi me gbadzaa be magadze si Kristotɔ siwo tso nuto bubuwo me la ɖe edzi geɖe wua?' (2Ko 6:13)\nAme kae madi be makpe . . .\nne míayi gbeadzi ɖekae?\nne wòava nye aƒe me ne míaɖu nu?\nne wòawɔ ɖeka kple nye ƒomea le Ƒometadedeagu si míagawɔ me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july16-22\/samariat%C9%94-havil%C9%94%CC%83laa-%C6%92e-lododoa\/","date":"2019-06-20T14:30:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983241558,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983241558074951}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gome su gamenɔla siwo le France siwo bia be Yehowa Ðasefowo ƒe mawunyagblɔlawo nava kpɔ yewo ɖa la si abe ale si ko wòsu subɔsubɔha bubu me tɔwo si ene.\nYehowa Ðasefowo Le France\nNu Ɖedzesiwo\n-\n2014 — Wona mawunyagbɔgblɔ le gaxɔ me ƒe dzedzegbalẽ Yehowa Ðasefowo, ale wɔ ŋkutɔtɔ ame ƒe nuwɔna si gaxɔdzikpɔlawo de to me tso esime woƒe sewɔƒea ɖe nyametsotso aɖe ɖe go le ƒe 1995 me la wu enui\n-\nOCTOBER (KELE) 1939 — France ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa dzi\n-\nƑe 1930 — Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Paris\n-\nƑe 1906 — France de Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe habɔbɔ gbãtɔ agbalẽ me","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/france\/","date":"2019-06-16T05:50:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00316.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997349381,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997349381446838}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.296,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ƒe \"bebeƒe\" la nana míenɔa dedie le gbɔgbɔ me\n\"Xevimɔ̃trela\" la dina be yeatre mɔ̃ na mí\nXeviwo dze aye eya ta menɔa bɔbɔe be mɔ̃ naɖe wo o\nXevimɔ̃trelawo léa ŋku ɖe xeviwo ƒe nuwɔna ŋu nyuie eye wodia mɔ si dzi woato atre mɔ̃ na wo\nSatana si nye \"xevimɔ̃trela\" la léa ŋku ɖe Yeho- wa ƒe amewo ŋu nyuie eye wòtrea mɔ̃ siwo ana woadze afɔku le gbɔgbɔ me la na wo\nSatana ƒe mɔ̃ vevi ene aɖewo nye esi:\nAmegbetɔ Vɔvɔ̃\nŊutilãmenuwo Didi\nModzakaɖeɖe Gbegblẽwo\nMasɔmasɔwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug1-7\/dzi%C6%92o%CA%8B%C4%A9t%C9%94-la-%C6%92e-bebe%C6%92e\/","date":"2019-06-24T15:20:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999615.68\/warc\/CC-MAIN-20190624150939-20190624172939-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9936134219,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9936134219169617}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"IAN fofo nye aha tsu nola. Togbɔ be agbemenuhiahiãwo su Ian si tso eƒe ɖevime hã la, ale si fofoa metsɔ ɖeke le eme nɛ o la te ɖe edzi. Ian gblɔ be: \"Nyemelɔ̃ eƒe nya o, vevietɔ le eƒe ahanonoa kple ale si wòwɔa nu ɖe danye ŋu ta.\" Esi Ian tsi la, eva nɔ ɖi kem nenye be Mawu li vavã. Ebiaa eɖokui be, \"'Ne Mawu li vavã la, ke nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li?'\"\nNu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?\nNe mèle kuxi boo aɖeke me tom o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ etena ɖe dziwò ŋutɔ ne èkpɔ ame maɖifɔwo wole fu kpem. Ke hã, abe ale si wòle le Ian gome ene la, nu si tae míekpea fu ɖo la gɔme sese anɔ vevie na wò wu nenye be wò ŋutɔ èle kuxi sesẽwo me tom alo wò ame vevi aɖe dze dɔ alo ku.\nAleke ame aɖewo ɖoa eŋui?\nAme aɖewo xɔe se be Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe nu be yeafia ale si míabɔbɔ mía ɖokui ahase veve ɖe ame nui la mí. Ame bubuwo susui be amewo kpea fu fifia ɖe agbe si wonɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ta.\nNu kae ŋuɖoɖo mawo fia?\nAmegbetɔwo ƒe fukpekpewo mewɔa dɔ ɖe Mawu dzi o, eya ta asesẽ be míalɔ̃e. Afia hã be Mawu nye ŋutasẽla.\nNu kae nye Biblia ƒe nufiafia?\nBiblia na eme kɔ ƒãa be menye Mawue nana amegbetɔwo kpea fu o. Biblia gblɔ be: \"Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: 'Mawue le teyem kpɔ' o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.\" (Yakobo 1:13) Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be Mawue nana míekpea fu la mewɔ ɖeka kple ale si Biblia ɖɔ Mawui o. Le mɔ ka nu?\nMawu ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be esea veve ɖe mía nu abe ale si vidada sena le eɖokui me ɖe via nu ene tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi. Mawu bia bena: \"Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!\" (Yesaya 49:15) Ðe nèsusui be vidada si lɔ̃a via aɖoe koŋ awɔ nu vevi via? Ao, ɖe wòadze agbagba ana gbɔdzɔe boŋ. Nenema kee Mawu hã mehea fukpekpe vaa ame maɖifɔwo dzi o.—1 Mose 18:25.\nTogbɔ be ele alea hã la, ame maɖifɔwo le fu kpem kokoko. Ðewohĩ àbia be, 'Ne Mawu tsɔa ɖe le eme na mí, eye wònye ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae meɖe nu siwo gbɔ fukpekpewo tsona la ɖa o?'\nSusu nyui aɖewo tae Mawu ɖe mɔ míele fu kpem fifia ɖo. Bu wo dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ: Zi geɖe la, amewoe nana ame bubuwo kpea fu. Ŋlɔmiwɔlawo kple ŋutasẽla geɖe siwo nana amewo sea veve la gbe dzimetɔtrɔ. Eya ta be Mawu naɖe nu siwo koŋ gbɔ fukpekpe tso dometɔ ɖeka ɖa la, ele be wòatsrɔ̃ ame mawo ƒomevi.\nEsi apostolo Petro nɔ nu si tae Mawu metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo haɖe o me ɖem la, eŋlɔ bena: \"Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.\" (2 Petro 3:9) Lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ tae Yehowa Mawu gbɔ dzi blewu ɖo.\nGake eteƒe madidi o, Yehowa Mawu aɖe afɔ. Atsɔ \"xaxa a��o eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa\" ame maɖifɔwo dzi. Ame siwo nana amewo kpea fu madzemadzee la \"akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe.\"—2 Tesalonikatɔwo 1:6-9.\nIan, ame si ƒe nya míegblɔ va yi la, kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na eƒe nyabiase siwo ku ɖe fukpekpe ŋu. Nu si wòsrɔ̃ la trɔ eƒe agbenɔnɔ. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le magazine sia ƒe axa 13 lia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121101\/why-god-allows-suffering\/","date":"2019-06-20T05:03:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999141.54\/warc\/CC-MAIN-20190620044948-20190620070948-00454.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969867468,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969867467880249}","num_words":655,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Timoteo Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Timoteo ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Timoteo Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Timoteo Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012433\/univ\/art\/502012433_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/timoteo\/","date":"2019-06-20T14:34:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980741143,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980741143226624}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Akpe na mi ɖe magazine siawo siwo va ɖe ɣeyiɣi dzi la ta.\"—Amy\nAmy si nye vidada kpɔ nu siwo akpe ɖe eŋu wòakpɔ kuxiwo gbɔ gbe sia gbe la le Nyɔ! me. Abe vidada sia ene la, ame akpe geɖe xlẽa míaƒe magazine sia si dona zi ɖeka le ɣleti eve ɖe sia ɖe me. Ʋu www.jw.org be nàkpɔ nyati siwo le ete siwo do le ƒe 2016 me.\nAMEGBETƆWO KPLE ƑOMEDODOWO\nDZƆDZƆMEŊUTINUNYA\nGBEBIAMEWO\nFugboeŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse (Y. Hsuuw): No. 2\nLÃMESẼ KPLE ATIKEWƆNYAWO\nNU SI BIBLIA GBLƆ\nNYA BUBUWO\nSUBƆSUBƆHAWO","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2016-december\/nyawo-di%C6%92e-2016\/","date":"2019-06-20T14:28:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985392094,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985392093658447}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Miawoe zɔ loo, kpekpe sia valawo!\nMawu ƒe Nya míeva be míasrɔ̃.\nEfiaa nyateƒe si naa agbe mí.\nMíetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe eƒ'ameyɔyɔa dzi.\n2. Akpe na Ma'u ɖe mía nɔviwo ta,\nAme siwo tsɔa dzidzɔ xɔa mí.\nMíade bubu nɔvi siawo ŋu ɖaa.\nMíaxɔ ame siwo katã ƒoa ƒu kpli mí.\n3. Mawu le dzinyuitɔwo katã kpem\nBe woava nyateƒemɔ la dzi.\nMawu to Via dzi kplɔ mí va egbɔ,\n'Ya ta míatsɔ dzi blibo axɔ mía nɔewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/85-mix%C9%94-mia-n%C9%94ewo\/","date":"2019-06-26T13:54:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00330.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976630807,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976630806922913}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.156,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! September 2013 | Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu\nAme geɖewo ɖua Halloween gake womenya afi si wòdzɔ tso. Xlẽ nu tso nu si tae wòle be nàkpɔ nyuie le azã sia ŋu la ŋu.\nNyatiawo ƒe ɖewoe nye: Artik tsikpe ƒe agbɔsɔsɔme, wole atiglinyiwo wum hele woƒe nyiɖuwo ɖem madzemadzee le DR Congo, adzakpo si nye Great Barrier Reef dome le gbegblẽm, kple nugbagbevi suesuesue siwo le notsi me.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nXlẽ nu tso nya si Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔdɔnuwɔna bubuwo ŋu la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nKpɔ afi si Halloween kple azã siwo ɖii la dzɔ tso.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu ka tae wòsesẽna be woatsɔ ake? Kpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe ɖa.\nINTERVIEW\nNu ka tae ɖɔkta aɖe si mexɔ Mawu dzi se tsã o va te tamebubu tso Mawu kple nu si tae míele agbe ɖo la ŋu? Nu kae na ale si wòbua nu siawo la trɔ?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nAme kae nye Zheng He? Xlẽ nu tso mɔzɔzɔ ɖedzesiwo kple nu siwo wona míenya tso China ŋu la ŋu.\nWAS IT DESIGNED?\nNu kae ƒumexewo ŋuti nu nyala aɖe va de dzesii ku ɖe xe sia ƒe fuwo ŋu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso nu si gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame nye kple nu si nàwɔ ne wowɔa nu sia ɖe ŋuwò la ŋu.\nText message ate ŋu agblẽ wò kple xɔwòwo dome, eye wòaƒo ɖi wò ŋkɔ hã. Kpɔ ale si wòdzɔnae la ɖa.\nSɔhɛ ene gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu eye wogakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.\nKpɔ nu siwo tae amewo wɔa anyra ɖe ame ŋu kple ale si nàwɔ anɔ te ɖe anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu nu dzidzedzetɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201309\/","date":"2019-06-18T02:07:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00050.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987053275,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987053275108337}","num_words":306,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Israel-vi siwo trɔ dzi me la afa dzidzɔvi ne Yehowa na woɖe asi le wo ŋu le aboyo me\nWoagbugbɔ nubabla si nɔ wo kple Yehowa dome, si wotu la awɔ yeyee eye woazɔ mɔ legbee ayi Yerusalem be woagaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi\nYehowa magbe tohehe na Babilontɔ dadala mawo siwo sẽ ŋuta vevie le eƒe amewo ŋu o\nAbe ale si wogblɔe ɖi ene la, Babilon zu aƒedo","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may29-june4\/yehowa-yraa-%C9%96okuib%C9%94b%C9%94lawo-w%C3%B2hea-to-na-dadalawo\/","date":"2019-06-17T20:36:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00260.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983898401,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983898401260376}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le February 1, 1943 dzi la, wodze suku tɔxɛ aɖe ƒe klas gbãtɔ gɔme le New York ƒe dziehe ɖaa. Suku sia si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la na hehe tɔxɛ ŋutsu kple nyɔnu 8,000 kple edzivɔ siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo.\nJonathan si wu suku sia nu nyitsɔ laa gblɔ be: \"Hehe si míexɔ, si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi, akpe ɖe mía ŋu míadze aɖe gbeƒã na dukɔ kple to ɖe sia ɖe me tɔwo.\" Jonathan srɔ̃ Marnie gblɔ kpee be: \"Megadi vevie wu tsã be makpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be tame si Wɔlaa ɖo ɖe míaƒe agbe ŋu la nyo wu ɖe sia ɖe. Mexɔe se be ne wokpe ɖe amewo ŋu wova nya Yehowa la, ana woƒe agbe naɖɔ ʋu wu.\"\nGilead sukua ƒe klas ɖe sia ɖe xɔa ɣleti atɔ̃, eye womexɔa ga le sukuviawo si o. Wotea gbe ɖe Biblia kple nya nyui gbɔgblɔdɔa dzi vevie. Sukua ƒe taɖodzinuwoe nye be wòana hehe sukua delawo be woasu te ado ŋusẽ Mawu ƒe amewo ahana woali ke nyuie eye woakpe ɖe amewo katã ŋu woatu mawumenɔnɔme siwo akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu la ɖo. Le nusrɔ̃ɣiawo la, sukuviawo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ dzroa Ŋɔŋlɔawo me be wòakpe ɖe wo ŋu wo kple Yehowa Mawu dome naganɔ kplikplikpli wu.\nSrɔ̃tɔ siwo dea sukua la nyea ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Ne wowu sukua nu la, wotrɔ yia wo de alo wodea dɔ asi na wo le dukɔ bubu me. Wodea dɔ asi na wo dometɔ aɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe 90 kple edzivɔawo dometɔ ɖeka. Woɖoa wo dometɔ akpa gãtɔ ɖe nuto siwo me amewo s�� gbɔ ɖo la me ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me.\nTeƒe gbãtɔ si woɖo suku sia ɖoe nye Fiaɖuƒegble me le South Lansing si le New York. Le ƒe 1961 me la, woɖe sukua yi Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn le New York. Tso ƒe 1988 va se ɖe ƒe 1995 me la, sukua nɔ Gbetakpɔxɔgble si le Wallkill le New York la me. Eye le ƒe 1995 me la, woɖee yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson le New York, eye wògale afi ma va se ɖe egbe. Le March 2013 me la, wowu klas 134 lia nu.\nƑe 70 sɔŋue nye esia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua delawo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi le ɖaseɖiɖi tso Yehowa ŋu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/hehenana-nyanyuigbl%C9%94lawo-%C6%92e-blaadre\/","date":"2019-06-25T13:51:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.27\/warc\/CC-MAIN-20190625132645-20190625154645-00033.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994009733,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994009733200073}","num_words":407,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.31,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu siwo wokpɔna léa ame si le ekpɔm la ƒe susu ɖe te, eye wòkpena ɖe eŋu be wòase nu si fiam wolee la gɔme eye wòaɖo ŋku nu si wòsrɔ̃ la dzi. Yehowa, míaƒe Nufiala Gãtɔ zã nu siwo wokpɔna tsɔ fia nu vevi aɖewo amewo. (1Mo 15:5; Yr 18:1-6) Yesu si nye Nufiala Gã la hã zã wo tsɔ fia nui. (Mt 18:2-6; 22:19-21) Nu siwo wokpɔna siwo le vi ɖem ŋutɔ egbea dometɔ aɖee nye videowo. Ðe nèle videowo zãm nyuie ne èle nu fiam wò Biblia nusrɔ̃viwoa?\nWotrɔ asi le video ewo aɖewo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu ne míetsɔ Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! gbalẽ gbadzaa le nu fiam amewo. Zi geɖe la, video ɖe sia ɖe sɔ kple nyabiase siwo le agbalẽa me siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si to la dometɔ ɖeka. Le agbalẽ sia ƒe mɔ̃ dzi tɔ me la, teƒe siwo woaɖe videoawo le la li be wòaɖo ŋku edzi na mí be míaɖee. Azɔ hã, video bubuwo li siwo wɔ ɖeka kple agbalẽ bubu siwo le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nu Amewo la me nyawo.\nÐe miele nu srɔ̃m tso Biblia me nya aɖe ŋu si gɔmesese sesẽ na wò nusrɔ̃via? Alo ɖe wò nusrɔ̃via le nɔnɔme sesẽ aɖe me toma? Yi jw.org® alo JW Nyakakadɔwɔƒea nàdi video aɖe si akpe ɖe eŋu. Ðewohĩ miate ŋu akpɔ videoa ɖekae eye miadzro eme.\nƔleti sia ɣleti la, woɖea video yeye aɖewo ɖe go. Ne èle wo kpɔm la, bu ale si nàte ŋu azã wo atsɔ afia nu amewoe ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar25-31\/z%C3%A3-videowo-n%C3%A0ts%C9%94-afia-nu\/","date":"2019-06-26T03:51:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00293.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991399646,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991399645805359}","num_words":256,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vi Nudomegblẽlaa Trɔ Gbɔ\nÐekakpui aɖe si va le ha dem kple sɔhɛ siwo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo mesɔ kple ale si wofiae be wòanɔ agbe abe Kristotɔ ene o. Aleke eƒe ƒomea me tɔwo wɔ nui esi wòva le agbe nɔm alea? Nufiame kawoe le video sia si ɖe afɔku siwo dze ŋgɔ sɔhɛwo egbea fia la me na mí?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/vi-nudomegbl%E1%BA%BDlaa-tr%C9%94-gb%C9%94\/","date":"2019-06-18T05:38:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00513.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995697141,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995697140693665}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Oo Yehowa Mawu, míeda 'kpe na wò.\nOo amenuvela, míekafu wò.\nFofo, wò ɖeka koe míasubɔ tegbee,\n'Labe wòe léa be na mí gbe sia gbe.\nMíaƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu ɖe mía dzi.\nGake ènyoa dɔme tsɔa wo kea mí.\nAkpe be nètsɔ Viwò ƒe ʋu ƒle mí.\nAkpe be nèkpɔa nublanui na mí.\n2. Wò dɔmenyo kple lɔlɔ̃ léa dzi na mí.\nAkpe be nèna míeva dze si wò.\nOo, kpe ɖe mía ŋu wò lɔlɔ̃nu míawɔ.\nVe mía nu míawɔ nuteƒe na wò.\nWò gbɔgbɔ tri'akɔ la ŋu míeɖoa ŋu ɖo;\nEnana míeƒoa nu kple dzideƒo.\nMíabɔbɔ mía ɖokui asubɔ wò ɖaa,\nAda 'kpe na wò ɖe wò nyonyo ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/43-akpedagbedodo%C9%96a\/","date":"2019-06-20T07:07:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999163.73\/warc\/CC-MAIN-20190620065141-20190620091141-00308.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965712428,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965712428092957}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.124,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÈSUSU?\nÐe Biblia me nyawo do xoxo le egbexexe sia mea? Alo ɖe asixɔxɔ gale eŋua? Biblia ŋutɔ gblɔ be: \"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.\"—2 Timoteo 3:16, 17.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso kpɔɖeŋu siwo me nunya le siwo le Biblia me la ŋu, eye wògaɖo aɖaŋu siwo ana Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe na mí hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201701\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-20T16:45:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00122.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976212978,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976212978363037}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JW Library nye kɔmpiutadziɖoɖo si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ Biblia, Biblia-srɔ̃gbalẽwo videowo kple nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒe kɔpi ɖe wò fon, tablɛt alo kɔmpiuta dzi.\nALE SI NÀWƆ AKE ÐE EŊU: Yi Internet dzi, eye nàda JW Library dɔwɔnua ɖe wò mɔ̃a dzi. Woate ŋu azã dɔwɔnu sia le elektrɔnikmɔ̃ vovovowo dzi. Ne èyi Internet dzi la, ʋu JW Library dɔwɔnua eye nàtia nu siwo ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ ɖe wò mɔ̃a dzi. Ne Internet mele aƒewò me o la, ɖewohĩ àte ŋu ayi Fiaɖuƒe Akpata me, agbalẽdzraɖoƒe aɖe, alo teƒe bubu aɖe si Internet le. Ne èwɔ nuawo ƒe kɔpi ɖe wò mɔ̃a dzi vɔ la, magahiã be nàyi Internet dzi hafi azã wo o. Esi wònye be wotsɔa nu yeyewo kpea nu siwo le JW Library dɔwɔnua dzi edziedzi ta la, ele be nànɔ Internet dzi yim edziedzi be nàte ŋu awɔ nu yeye siwo wotsɔ kpee la ŋu dɔ.\nNU KA TAE WÒLE BE WÒANƆ ASIWÒ? JW Library dɔwɔnua nana wònɔa bɔbɔe be ame nawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ eye wòakplɔ nu siwo srɔ̃m wole le kpekpeawo me ɖo. Eɖea vi le gbeadzi hã vevietɔ ne míele vomeɖase ɖim.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may2-8\/na-jw-library-nan%C9%94-asiw%C3%B2\/","date":"2019-06-18T01:37:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00375.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988905787,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988905787467957}","num_words":195,"character_repetition_ratio":0.105,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"APRIL 29, 2014\nNICARAGUA\nLe Dzoɖa, April 14, 2014 dzi la, anyigbaʋuʋu si ƒe sesẽme nye 5.1 la gblẽ nu le Managua si le Nicaragua la ƒe dzieheɣetoɖoƒe ŋu. Esiae nye anyigbaʋuʋu si kplɔ wo nɔewo ɖo le ŋkeke ene me la ƒe yeyetɔ; esi lolo wu ƒe sesẽme ƒe dzidzee nye 6.6 le Richter ƒe dzidze nu. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Titina Amerika ka nya ta be nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o. Ðasefowo ƒe aƒe 7 gbã keŋkeŋ eye nu gblẽ le aƒe 21 ŋu. Eye nu gblẽ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe, si nye teƒe si wodea ta agu le si le Nagarote dua me hã la ŋu. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe hame eve va ƒo ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ʋutɔɖoƒea hewɔ Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia. Ame 530 kple edzivɔe va kpɔ gome le wɔnaa me le fiẽ ma, ame siwo menye Ðasefowo o hã le eme. Alɔdzedɔwɔƒea di teƒe aɖe na Ðasefo siwo ŋu anyigbaʋuʋua gblẽ nu le be woanɔ gbɔ eye wòle kpekpeɖeŋu nam wo.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nTitina Amerika: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 30484","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/nicaragua\/Anyigba%CA%8Bu%CA%8Bu-le-Nicaragua\/","date":"2019-06-16T17:50:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998288.34\/warc\/CC-MAIN-20190616162745-20190616184745-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995422363,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999542236328125}","num_words":188,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.298,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Israel-viwo dzo le Egipte abe ɣleti eve ene megbe la, wova ɖo Sinai-to, si wogayɔna be Xoreb la gbɔ. Teƒe sia kee Yehowa ƒo nu na Mose le le ave bidzo la me. Ameawo ƒu asaɖa anyi ɖe afisia henɔ anyi vie.\nEsi ameawo nɔ lalam le toa gɔme la, Mose lia to la. Yehowa gblɔ na Mose le toa tame be Yedi be Israel-viwo naɖo to Ye ahazu Yeƒe dukɔ tɔxɛ. Esi Mose ɖi la, egblɔ nusi Yehowa gblɔ la na Israel-viwo. Eye ameawo gblɔ be yewoaɖo to Yehowa, elabena yewodi be yewoanye eƒe dukɔ.\nFifia Yehowa wɔ nukunu aɖe. Ena to la tame tu dzudzɔ, eye wòna dzi ɖe gbe. Eƒo nu na ameawo hã be: 'Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu, si kplɔ mi tso Egipte.' Emegbe wòde se be: 'Migade ta agu na mawu bubu aɖeke o, negbe nye ko.'\nMawu gana se asieke bubu Israel-viwo. Ameawo nɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Wogblɔ na Mose be: 'Wò boŋ ƒo nu na mí, elabena míele vɔvɔ̃m be ne Mawu ƒo nu na mí la, míaku.'\nEmegbe Yehowa gblɔ na Mose be: 'Va gbɔnye le to la tame. Matsɔ kpe gbadza eve, siwo dzi meŋlɔ se, siwo dzi medi be ameawo nawɔ ɖo la na wò.' Eye Mose lia to la ake. Enɔ afima hena ŋkeke 40 kple zã 40.\nMawu na se geɖe eƒe amewo. Mose ŋlɔ se siawo ɖi. Mawu tsɔ kpe gbadza eve la hã na Mose. Mawu ŋutɔ ŋlɔ se 10, siwo wògblɔ na ameawo katã la ɖe kpe siawo dzi. Woyɔa wo be Se Ewoawo.\nSe Ewoawo nye se veviwo. Gake se bubu geɖe, siwo Mawu na Israel-viwo la hã le vevie. Se siawo dometɔ ɖekae nye: 'Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò tamesusu blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo.' Bubu hãe nye: 'Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.' Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, gblɔ be esiawoe nye se gãtɔ eve, siwo Yehowa na eƒe dukɔ Israel. Emegbe la, míasrɔ̃ nu le Mawu ƒe Vi la kple eƒe nufiafiawo ŋuti.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/se-ewoawo\/","date":"2019-06-19T00:20:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998844.16\/warc\/CC-MAIN-20190618223541-20190619005541-00269.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985451698,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985451698303223}","num_words":336,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME aɖe si dzi ku dzɔ ɖo ŋlɔ be: \"Esime menye ɖevi le England la, wofiam be magaɖe nye seselelãmewo fia le dutoƒo o. Meɖo ŋku edzi be fofonye si wɔ asrafodɔ kpɔ la klẽ ŋku dom gblɔ nam kpɔ be, 'Mègafa avi o!' esi nuvevi aɖe wɔm. Nyemate ŋu aɖo ŋku edzi ne danye gbugbɔ nu na mí ɖeviawo dometɔ aɖe kpɔ o (mí ɖevi enee nɔ egbɔ). Mexɔ ƒe 56 esi mekpɔ fofonye ƒe ku teƒe. Mebui be nu gã aɖe bu nam. Gake gbã la, nyemete ŋu fa avi o.\"\nLe teƒe aɖewo la, amewo ɖea woƒe seselelãme fiana wokpɔna faa. Ne dzi le wo dzɔm alo ne dzi mele wo dzɔm o, amewo nyaa woƒe seselelãmewo. Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo, vevietɔ le Europa ƒe anyiehe kple Britain la, wona hehe amewo, ŋutsuwo koŋ, be woaɣla woƒe seselelãmewo, be woazi woƒe seselelãmewo dzi, be woadze akɔ anyi ne nya dzɔ ɖe wo dzi eye be womagana amewo nanya woƒe seselelãmewo o. Gake ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na wò la, ɖe nane gblẽ le eŋu ne èɖe wò nuxaxa fiaa? Nukae Biblia gblɔ?\nAmesiwo Fa Avi Siwo ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe\nHebritɔ siwo nɔ Mediterranea ƒe ɣedzeƒenutowo mee ŋlɔ Biblia la, eye wonye amesiwo ɖea woƒe seselelãme fiana. Fia Dawid fa viaŋutsu Amnon si wowu ƒe ku. Le nyateƒe me la, 'efa avi ŋutɔ.' (Samuel II, 13:28-39) Efa viaŋutsu Absalom si ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòdi be yeaxɔ fiaɖuƒea le esi sesẽe gɔ̃ hã ƒe ku. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: \"Tete fia [Dawid] ƒo kpakpakpa heyi ɖe agbo la ƒe akpata me, eye wòfa avi; eye esi wòle yiyim la, ele gbɔgblɔm be: Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!\" (Samuel II, 19:1) Dawid xa nu abe alesi vifofo ɖesiaɖe axa nui ene. Eye zi gbɔ zi nenie vifofowo medina be yewoaku ɖe yewo viwo teƒee o! Medze nusi le dzɔdzɔme nu kura be vi naku do ŋgɔ na dzila o.\nAleke Yesu wɔ nui esi exɔlɔ̃ Lazaro ku? Esi wògogo eƒe yɔdo la, efa avi. (Yohanes 11:30-38) Emegbe Maria Magdalatɔ la fa avi esi wògogo Yesu ƒe yɔdo to. (Yohanes 20:11-16) Nyateƒee, Kristotɔ si nya nusi Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo nye la mexaa nu kakaka si woafa akɔ nɛ do kpoe, abe amesiwo ƒe dzixɔse le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu metso Biblia me o la dometɔ aɖewo xaa nui ene o. Gake esi Kristotɔ vavãtɔ nye amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple amegbetɔ bubu ɖesiaɖe tɔ ta la, exaa nu eye wòfaa na eƒe lɔlɔ̃tɔ si ku, togbɔ be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ la le esi hã.—Tesalonikatɔwo I, 4:13, 14.\nEnyo be Woafa Avia alo Menyo O?\nKe mí amesiwo li egbea hã ƒe seselelãmewo ɖe? Ðe nèkpɔnɛ be esesẽna na ye be yeaɖe yeƒe seselelãmewo afia alo ɖe wòkpea ŋu na wòa? Nukae aɖaŋuɖolawo kafu be woawɔ? Nunya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me si le Biblia me tso gbaɖegbe ke la koe dzena le woƒe egbegbe nukpɔsusuwo me zi geɖe. Wogblɔna be míaɖe míaƒe veveseese afia, mele be míazi edzi o. Esia na míeɖo ŋku nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema, abe Hiob, Dawid, kple Yeremya ene, amesiwo ƒe nuxaxa woŋlɔ ɖe Biblia me la dzi. Le nyateƒe me la, womemia nu ɖe woƒe seselelãmewo dzi o. Eyata nunya mele eme be nàɖe ɖokuiwò ɖe aga tso amewo gbɔ o. (Lododowo 18:1) Gake woɖea nuxaxa fiana le mɔ vovovo nu le dukɔ vovovo me, eye esiawo hã kuna ɖe subɔsubɔdzixɔse siwo bɔ ɖe afisi wole ŋu. *\nKe ne èdi be yeafa avi ɖe? Enye nusi le dzɔdzɔme nu na amegbetɔ be woafa avi. Gaɖo ŋku esime Lazaro ku, eye Yesu 'xa nu le gbɔgbɔ la me eye wòfa avi' la dzi. (Yohanes 11:33, 35) Eɖee fia le esia me be avifafa nye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku.\nNusi dzɔ ɖe vidada aɖe si ŋkɔe nye Anne si ƒe vi fẽ Rachel ku kpata eye womenya nusi wɔe o la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Srɔ̃a gblɔ be: \"Nusi wɔ nukue nye be nye loo alo Anne, mía dometɔ aɖeke mefa avi le kua teƒe o. Ame bubu ɖesiaɖe fa avi.\" Anne gblɔ le nya sia ŋu be: \"Nyateƒee, gake mefa avi ŋutɔ ɖe mí ame evea nu. Mexɔ se be ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔŋutɔ kwasiɖa ʋee aɖewo le nublanuinya sia ƒe dzɔdzɔ megbe, esime wòva susɔ nye ɖeɖe ɖe aƒea me. Mefaa avi ŋkeke bliboa katã. Gake mexɔ se be ekpe ɖe ŋunye. Ena nye lãme haya wu. Ele be mafa vinyea ƒe ku. Mexɔe se ŋutɔŋutɔ be ele be woaɖe mɔ na amesiwo le nu xam be woafa avi. Togbɔ be nusi amewo wɔna zi geɖe enye be woagblɔ be 'Mègafa avi o' hã la, le nyateƒe me, ema mekpena ɖe ame ŋu o.\"\nAlesi Ame Aɖewo Wɔa Nui\nAleke ame aɖewo wɔ nui esi woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe gblẽ wo ɖi? Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nya si dzɔ ɖe Juanita dzi ŋu kpɔ. Enya alesi vidzĩ ƒe kuku na ame venae. Ƒo gblẽ nɛ zi atɔ̃ sɔŋ. Fifia egafɔ fu ake. Eyata esi ʋufɔku aɖe na woxɔe ɖe kɔdzi la, eme kɔ be etsi dzi. Le kwasiɖa eve megbe la, elé ku—hafi eƒe ŋkeke nade. Emegbe kpuie ko la, edzi via sue Vanessa, eye nu vi aɖe koe wòtsɔ kpe wu gram 900. Juanita gblɔ be: \"Dzi dzɔm ŋutɔ. Vi ayɔ nye hã be dada azɔ!\"\nGake eƒe dzidzɔkpɔkpɔa menɔ anyi didi o. Le ŋkeke ene megbe la, Vanessa ku. Juanita gblɔ be: \"Metsi yame ŋutɔ. Nye vidadanyenye me gblẽ. Ewɔ nam be nyemegale blibo o. Evena ŋutɔ be mava aƒeme ayi kpɔ xɔ si me míedzra ɖo na Vanessa la me eye makpɔ awutewuivi siwo meƒle nɛ. Le dzinu eve siwo kplɔe ɖo me la, meɖoa ŋku nusiwo dzɔ le edziɣi la dzi. Nyemedi be made nu ame aɖeke ŋu o.\"\nÐe esia nye nuwɔna si gbɔ emea? Ðewohĩ eme sese asesẽ na ame aɖewo ya, gake amesiwo dzi wòdzɔ ɖo kpɔ la gblɔna be yewofa yewo vi vidzĩwo ƒe ku abe alesi yewoafa amesi nɔ agbe eteƒe didi wu tɔe ene. Wogblɔna be ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ɖevia dzidzi la, edzilawo lɔ̃nɛ. Kadodo tɔxɛ aɖe va ɖoa wo kple dadaa dome. Ne vidzĩ ma ku la, dadaa sena le eɖokui me be amegbetɔ ŋutɔŋutɔ aɖee ku. Eye nusia mee wòhiã be ame bubuwo nase.\nAlesi Dzibibi Kple Fɔbubuameɖokui Ate Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwòe\nVidada bubu hã gblɔ alesi wòwɔ nui esi wogblɔ nɛ be dzidɔ si nɔ viaŋutsu si xɔ ƒe ade ŋu tso edziɣi ke la wui kpata la ŋu be: \"Meto nɔnɔme vovovowo me—lãnyeme tu, nyemexɔe se o, mebu fɔ ɖokuinye, eye mekpɔ dziku ɖe srɔ̃nye kple ɖɔkta la ŋu be womekpɔ alesi gbegbe eƒe dɔa sesẽe dze si o.\"\nDziku ate ŋu anye nuxaxa ƒe dzesi bubu. Ate ŋu anye dzikukpɔkpɔ ɖe ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo ŋu le esi wòawɔ na ame be ele be woadze agbagba le amesi ku ŋu wu hafi ta. Alo ate ŋu anye dzikukpɔkpɔ ɖe xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo wòawɔ abe wole nusi mesɔ o alo nusi medze o wɔm ene ŋu. Stella gblɔ be: \"Meɖo ŋku edzi be mekpɔ dziku ɖe srɔ̃nye ŋu, elabena menya be anye ne mayi nenema hafi o. Eƒe dɔa sẽ, gake mewɔ ɖe se siwo ɖɔktawo de nɛ dzi o.\" Eye ɣeaɖewoɣi hã wokpɔa dziku ɖe ame kukua ŋu le agba si eƒe kua da ɖe agbagbeawo dzi ta.\nLe dziku ta ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ—efia be wobua fɔ wo ɖokui le esi wokpɔ dziku ta. Ame bubuwo bua fɔ wo ɖokui ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔ la ƒe ku ta. Wogblɔna na wo ɖokui be: \"Ne ɖe mekplɔe yi ɖe ɖɔkta gbɔ kaba\" alo be \"ne ɖe mekplɔe yi ɖɔkta bubu gbɔe\" alo \"ne ɖe mena wòle be na eɖokui nyuie wu la, anye ne maku o.\"\nLe ame bubuwo gome la, fɔbubua yia ŋgɔ wu ema, vevietɔ ne woƒe lɔlɔ̃tɔ la ku kpata si womele mɔ kpɔm na eƒe kua o. Woɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo me wokpɔ dziku ɖe ame kukua ŋu alo wohe nya kplii la dzi. Alo awɔ na wo be yewomewɔ nusiwo wòle be yewoawɔ na ame kukua la nɛ wòde edeƒe o.\nNuxaxa ƒomevi vovovo siwo me vidada geɖe tona ɣeyiɣi didi aɖe la ɖo kpe nusi amesiwo nya nu le nya la ŋu dometɔ geɖe gblɔna la ƒe nyateƒenyenye dzi be ɖevi ƒe kuku nye nu vevi aɖe si bu na dzilawo, si womaŋlɔ be akpɔ o, vevietɔ dadaa.\"\nNe Srɔ̃wò Ku\nAme srɔ̃ ƒe ku nye dzigbãnya ƒomevi bubu, vevietɔ ne wo ame evea wɔ nuwo ɖekae le woƒe agbenɔnɔ me. Ate ŋu afia alesi wonɔ agbe ɖekae le mɔzɔzɔ, dɔwɔwɔ, modzakaɖeɖe, kple ŋuɖoɖo ɖe wo nɔewo ŋu me ƒe nuwuwu.\nEunice ɖe nusi dzɔ esi dzidɔ wu srɔ̃a kpata me na mí. \"Le kwasiɖa gbãtɔ me la, nye seselelãmewo nu ku nyemegasea naneke o, abe ɖe nye ŋutilã megale dɔ wɔm o ene. Nyemegate ŋu sea nu ƒe vivi alo nu ƒe ʋeʋẽ gɔ̃ hã o. Gake nye susu ya nɔ dɔ wɔm. Esi menɔ srɔ̃nye gbɔ esime wonɔ agbagba dzem be woakpe ɖe eŋu ne wòagagbɔ agbe le esime eƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ tɔ te megbe eye wonɔ atike bubuwo hã wɔm nɛ ta la, alesi wogbenae be menye nyateƒee wònye be amea ku o la medzɔ ɖe dzinye o. Gake wɔnavɔleameŋu ƒe seselelãme sesẽ aɖe ƒo ɖe dzinye, abe alesi makpɔ ʋu le abu gã aɖe nu wòayina ʋe me dze ge gake nyemate ŋu awɔ naneke le eŋu o ene.\"\nEfa avia? \"Ẽ, mefae, vevietɔ ne mexlẽ fafanamegbalẽ alafa geɖe siwo mexɔ. Ne mexlẽ ɖesiaɖe la, mefaa avi. Ekpena ɖe ŋunye be manɔ te ɖe ŋkekea ƒe akpa susɔea nu. Gake esi wobiam zi gbɔ zi geɖe be aleke nye nye seselelãme hã la, naneke mete ŋu lé avum o. Edze kɔte be nye nu wɔ nublanui ŋutɔ.\"\nNukae kpe ɖe Eunice ŋu be wòte ŋu to eƒe nuxaxa la me do? Egblɔ be: \"Esi nye ŋutɔ nyemenɔ nyanyam o la, mewɔ nyametsotso be mayi nye agbea dzi. Gake nusi gale fu ɖem nam kokokoe nye ne meɖo ŋku alesi srɔ̃nye si lɔ̃a agbe vevie la meli ase vivi na enɔnɔ o la dzi.\"\n\"Mègana Ame Bubuwo Naɖo Nu . . . O\"\nAgbalẽ si nye Leavetaking—When and How to Say Goodbye ŋlɔlawo ɖo aɖaŋu be: \"Mègana ame bubuwo naɖo nu na wò alo alesi wòle be nàse le ɖokuiwò me na wò o. Alesi amesiame xaa nui to vovo na ame bubu ɖesiaɖe tɔ. Ame aɖewo asusu be èle nu xam akpa alo mèle nu xam tututu o—eye woagblɔe na wò hã be nenemae yewosusu. Tsɔe ke wo eye nàɖe susu ɖa le edzi. Ne èbe yeanɔ agbe ɖe alesi ame bubuwo alo amesiwo dome nèle dii nu kokoko la, ahe alesi wò seselelãmewo nahaya la ɖe megbe.\"\nEnye nyateƒe be ame vovovowo kpɔa woƒe nuxaxa gbɔ le mɔ vovovo nu. Menye ɖe míele gbɔgblɔm be nuxaxamɔnu aɖe nyo wu bubu o. Gake afɔku doa tso eme ne wotɔ te nusianu wɔwɔ, eye amesi dzi nya dzɔ ɖo la megate ŋu nɔa agbe ɖe alesi nɔnɔmea le nu o. Ne edzɔ alea la, ekema ahiã be xɔlɔ̃ siwo sea veve ɖe ame ti nakpe ɖe eŋu. Biblia gblɔ be: \"Xɔlɔ̃ [vavãtɔ] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.\" Eyata mègavɔ̃ na kpekpeɖeŋu biabia, nuƒoƒo, kple avifafa o.—Lododowo 17:17.\nNe ku dzɔ ɖe ame dzi la, esɔ be woaxa nu, eye menye nu gbegblẽ be ame bubuwo nakpɔe be èle nu xam o. Gake nyabiabia bubuwo gahiã ŋuɖoɖo: 'Aleke mawɔ anɔ te ɖe nye nuxaxa la nu? Ðe wòsɔ be mabu fɔ ɖokuinye eye makpɔ dzikua? Aleke mawɔ nusiawo nafa nam? Nukae akpe ɖe ŋunye be mado dzi ne ame ku nam kple le nuxaxa me?' Akpa si kplɔe ɖo aɖo biabia mawo kple bubuwo hã ŋu.\n^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, Yorubatɔ siwo le Nigeria la xɔ edzi se be luʋɔ gagbugbɔ dzɔna. Eyata ne nyɔnu aɖe ƒe vi ku la, woxaa nu vevie gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe woxanɛ, elabena abe alesi Yoruba lododo aɖe gblɔe ene la: \"Tsia ye ƒu gbe. Menye trea ye gbã o.\" Yorubatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ sia fia be tsikutre la si nye vinɔa agate ŋu adzi vi bubu ɖe eteƒe—ɖewohĩ amesi ku lae agagbugbɔ adzɔ. Yehowa Ðasefowo mewɔa kɔnu siwo wotu ɖe aʋatsodzixɔse siwo tso luʋɔ makumaku kple gbugbɔgadzɔ ƒe aʋatsonufiafiawo me, si dzi Biblia meda asi ɖo o la ƒe ɖeke o.—Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4, 20.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/ne-w%C3%B2-l%C9%94l%C9%94%CC%83t%C9%94-a%C9%96e-ku\/%C9%96e-w%C3%B2s%C9%94-be-maxa-nua\/","date":"2019-06-16T02:37:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997533.62\/warc\/CC-MAIN-20190616022644-20190616044644-00434.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990184903,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990184903144836}","num_words":2101,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"7 Esi ŋugbedodo siawo le mía si ta la,+ lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me,+ eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me. 2 Mikɔ dzi me ɖe mía ŋu.+ Míeda vo ɖe ame aɖeke ŋu o, míegblẽ nu le ame aɖeke ŋu o, míeba ame aɖeke o.+ 3 Nyemele esia gblɔm be mabu fɔ mi o. Elabena megblɔe xoxo be, míaƒe dzi ku ɖe mia ŋu ale gbegbe be míaku kpli mi, eye míanɔ agbe hã kpli mi. 4 Metea ŋu ƒoa nu na mi faa. Metsɔa mi ƒoa adegbe geɖe. Akɔfafa yɔm taŋ; mele dzidzɔ kpɔm glo le míaƒe fukpekpewo katã me.+ 5 Le nyateƒe me la, esi míeva ɖo Makedonia+ la, míaƒe ŋutilã mekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o, ke boŋ woyi edzi wɔ fu mí le mɔ sia mɔ nu—ʋiʋliwo nɔ egodo, vɔvɔ̃ nɔ ememe. 6 Ke Mawu, ame si faa akɔ na ame siwo ƒo dzi ɖe le+ la, na Tito ƒe vava fa akɔ na mí. 7 Eye menye eƒe vava la ɖeɖe koe o, ke ale si miena eƒe dzi dze eme hãe, elabena eva gblɔ ale si miedi vevie be yewoakpɔm, ale si miele nu xam ɖe tanye, kple ale si mietsɔ ɖe le eme nam vevie la nam; eye esia na megakpɔ dzidzɔ geɖe wu. 8 Elabena ne nye agbalẽa na miexa nu+ hã la mevem o. Ne evem gbã hã la, (mekpɔe be agbalẽ ma do nuxaxa na mi, gake ɣeyiɣi vi aɖe koe), 9 azɔ mele dzidzɔ kpɔm, menye esi wòdo nuxaxa na mi ta o, ke esi wòna miexa nu hena dzimetɔtrɔ ta boŋ. Elabena ena miexa nu le Mawu me, ale be míegblẽ naneke le mia ŋu o. 10 Elabena mawumenuxaxa nana wotrɔa dzi me hena ɖeɖekpɔkpɔ, eye esia mevea ame o;+ ke xexe sia ƒe nuxaxa hea ku vanɛ. 11 Mikpɔ nu si gbegbe do tso miaƒe mawumenuxaxa me la ɖa, ɛ̃, ena miekɔ mia ɖokui ŋu, ɛ̃, ena mielé fu nu manyomanyo, ɛ̃, ena vɔvɔ̃ ɖo mi, ɛ̃, ena didi vevie nɔ mia me, ɛ̃, ena mietsɔ dzo ɖe nu ŋu, ɛ̃ ena mieɖɔ nu si gblẽ la ɖo!+ Mieɖee fia le go sia go me be yewole dzadzɛ* le nya sia me. 12 Togbɔ be meŋlɔ agbalẽ na mi hã la, menye ame si da vo+ alo ame si ŋu woda vo ɖo tae meŋlɔe ɖo o, ke boŋ be miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒãa le mia dome le Mawu ŋkume. 13 Esia tae wofa akɔ na mí ɖo. Ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe wu le dzidzɔ si Tito kpɔ la ta, elabena mi katã miena eƒe gbɔgbɔ kpɔ dzidzeme. 14 Ne meƒo adegbe le mia ŋu le eŋkume la, mezu ŋukpe nam o; ke boŋ ale si nya siwo katã míegblɔ na mi nye nyateƒe la, nenema kee ale si metsɔ mi ƒo adegbee na Tito la hã nye nyateƒe. 15 Eye miaƒe nu léa dzi nɛ geɖe wu ne eɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo+ kple ale si mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la dzi. 16 Dzi le dzɔyem be le mɔ sia mɔ nu la, dzi ate ŋu aɖo ƒonye le mia ta.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"yewomeɖi fɔ o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-30","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-Korintot%C9%94wo\/7\/","date":"2019-07-16T17:44:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-30\/segments\/1563195524679.39\/warc\/CC-MAIN-20190716160315-20190716182315-00249.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982589483,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982589483261108}","num_words":528,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye agbalẽ dzro aɖe koe Biblia nye o. Aɖaŋuɖoɖo siwo tso mía Wɔlaa gbɔ lae le eme. (2 Timoteo 3:16) Emenyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: \"Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.\" (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ le eŋu be wòana míaƒe agbe nanyo ɖe edzi le mɔ vevi eve nu—Enaa mɔfiame si nu míanɔ agbe ɖo fifia la mí gbe sia gbe eye wòkpena ɖe mía ŋu be míadze si Mawu ahanya ŋugbe siwo wòdo.—1 Timoteo 4:8; Yakobo 4:8.\nAna míaƒe agbe nanyo fifia. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Efia nu siwo míawɔ le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me\nEfia agbe nyui nɔnɔ mí.—1 Korintotɔwo 6:9, 10.\nAtsu kple asi aɖewo siwo le Asia kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo ŋu ŋutɔ. Abe srɔ̃tɔ yeye geɖewo ene la, esesẽ na woawo hã be woatrɔ ɖe wo nɔewo ƒe nɔnɔmewo ŋu eye dzeɖoɖo hã zu avu kple kɔ na wo. Gake wotsɔ nu siwo woxlẽ le Biblia me de dɔwɔwɔ me. Ke nu kae do tso eme? Vicent si nye srɔ̃ŋutsua gblɔ be: \"Nu si mexlẽ le Biblia me kpe ɖe ŋunye mekpe akɔ kple kuxiwo le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me le lɔlɔ̃ me. Biblia me nyawo dzi wɔwɔ na nye kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm.\" Annalou si nye srɔ̃nyɔnua hã gblɔ be: \"Biblia me kpɔɖeŋuwo xexlẽ kpe ɖe mía ŋu. Dzi le dzɔyem fifia eye nye dzi dze eme le taɖodzinu siwo le mía si la ta.\"\nMíeva dze si Mawu nyuie wu. Vicent gblɔ kpe ɖe nya siwo wògblɔ tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu hã be: \"Biblia xexlẽ na be mete ɖe Yehowa ŋu wu tsã.\" Vicent ƒe nyawo ɖo kpe nu vevi aɖe dzi be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze si Mawu. Menye ɖeko esia ana Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wò o, ke boŋ àkpɔ nu si akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔ̃ Mawu. Eye àkpɔe hã be Mawu ƒo nu tso nu nyui siwo le mía lalam le etsɔme, esime míase vivi na \"agbe vavã la,\" si anɔ anyi ɖaa la ŋu. (1 Timoteo 6:19) Màkpɔ nu siawo le agbalẽ bubu aɖeke me o.\nNe èdze Biblia xexlẽ gɔme heyi edzi la, nu siawo aɖe vi na wò hã, ana wò agbe nanyo ɖe edzi fifia eye ànya Mawu nyuie. Ke hã ne èle Biblia xlẽm la, ɖewohĩ biabia geɖewo ava susu me na wò. Ne edzɔ alea la, ke ɖo ŋku Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si nɔ anyi ƒe 2,000 ye nye esi va yi la dzi. Biabia gbogbo aɖewo nɔ esi ku ɖe Biblia me nya aɖewo ŋu. Esi wobiae be ese nu si xlẽm wònɔ la gɔme hã la, eɖo eŋu be: \"Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?\" * Elɔ̃ enumake xɔ kpekpeɖeŋu tso Filipo, Biblia fiala bibi aɖe si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31, 34) Ne wò hã èdi be yeanya nu geɖe le Biblia me la, ekema míele kpewòm be nàŋlɔe aɖo ɖa to internet dzi le www.jw.org alo nazã teƒe si te ɖe ŋuwò ƒe adrɛs si le magazine sia me. Àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ŋu alo nàyi Fiaɖuƒe Akpata si le wò nutoa me la me. Anyo be nàdze Biblia xexlẽ gɔme enumake, eye nàna wòafia mɔ wò be wò agbe nanyo ɖe edzi.\nNe mèka ɖe edzi tututu be Biblia me nyawo nye nyateƒe o la, ke kpɔ video kpui si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? Àte ŋu ayi jw.org\/ee eye nàʋu AGBALẼWO > VIDEOWO > BIBLIA\n^ mm. 11 Xlẽ nyati si ƒe tanyae nye \"Ðe Wòle Vevie Be Míase Nu Si Tututu Gblɔm Biblia Le Gɔmea?\" hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp201701\/biblia-nye-agbe-nanyo\/","date":"2020-01-27T19:54:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251705142.94\/warc\/CC-MAIN-20200127174507-20200127204507-00277.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990009665,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990009665489197}","num_words":615,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Yesu da dɔ na nubiala ŋkunɔ eveawo megbe teti ko la, eva kɔƒe sue aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve be: 'Miyi kɔƒe ma me, eye miakpɔ tedzivi nyui aɖe. Mitui ne miakplɔe vɛ nam.'\nEsi wokplɔ tedzivia vɛ na Yesu la, enɔ edzi. Eye wòdoe yi Yerusalem, afisi medidi o la. Esi wòte ɖe dua ŋu la, ameha gã aɖe va do goe. Wo dometɔ geɖe ɖe woƒe awuwo heɖo ɖe mɔa dzi. Ame aɖewo tso deʋayawo. Woɖo esiawo hã ɖe mɔa dzi hedo ɣli be: 'Mawu neyra fia, si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!'\nGbaɖegbe ʋĩ le Israel la, fia yeyewo doa tedzivi gena ɖe Yerusalem be woatsɔ wo ɖokui afia ameawo. Esia wɔm Yesu le. Eye amesiawo le fiafiam be yewodi be Yesu nanye yewoƒe fia. Gake menye ameawo katãe di nenema o. Nusi dzɔ esime Yesu yi ɖe gbedoxɔa me la aɖe esia afia mí.\nYesu da dɔ na ŋkunɔwo kple bunɔwo le gbedoxɔa me. Esi ɖevi suewo kpɔe la, wodo ɣli hekafu Yesu. Gake esia ve dɔme na nunɔlawo, eye wogblɔ na Yesu be: 'Èle nusi gblɔm ɖeviawo le la sema?'\nYesu ɖo ŋu be: 'Ẽ, mele esem. Ðe miexlẽe kpɔ le Biblia me be: \"Ðevi suewo ƒe nu mee Mawu aɖe kafukafu tsoe\" oa?' Eyata ɖeviawo yi edzi hekafu Mawu ƒe fia la.\nMíedi be míanɔ abe ɖevi mawo ene oa? Ame aɖewo adze agbagba be míadzudzɔ nuƒoƒo le Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti. Gake míayi edzi agblɔ nukunu siwo Yesu awɔ na amewo la na ame bubuwo.\nEsime Yesu nɔ anyigba dzi la, ɣeyiɣi mede nɛ be wòadze fiaɖuɖu gɔme o. Ɣekaɣie ɣeyiɣi sia ava? Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya. Míaxlẽ nu tso esia ŋuti emegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-do-tedzivi-yi-yerusalem\/","date":"2020-01-21T09:27:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601628.36\/warc\/CC-MAIN-20200121074002-20200121103002-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999268949,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992689490318298}","num_words":293,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU gblɔe ɖi be ye yomedzelawo aŋe nu geɖe le nuwuɣi sia me. (Mat. 9:37; 24:14) Bu ale si eƒe nyawo va eme le mɔ tɔxɛ aɖe nu le Ukraine ƒe nuto si nye Transcarpathia me ŋu kpɔ. Hame 50 kple gbeƒãɖela siwo wu 5,400 ye le du etɔ̃ siwo do liƒo kple wo nɔewo la ɖeɖe ko me. * Le nyateƒe me la, ne wotsɔ du etɔ̃ mawo me nɔlawo ƒe xexlẽme ƒo ƒu la, ame 1 le ame 4 ɖe sia ɖe me nye Yehowa Ðasefo!\nAleke nye amewo ƒe nɔnɔme le anyigbamama sia me? Nɔviŋutsu aɖe si le nutoa me, si ŋkɔe nye Vasile gblɔ be: \"Le afi sia la, amewo dea bubu Biblia ŋu, wolɔ̃a nya dzɔdzɔe, kadodo kplikplikpli le ƒometɔwo dome, eye amewo dina vevie be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu.\" Egblɔ kpee be: \"Menye ɣesiaɣie wolɔ̃na ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi ya o. Gake ne ètsɔ Biblia me nya aɖe fia wo la, woɖoa to nyuie.\"\nKe hã, mía nɔviwo doa go kuxi tɔxɛ aɖewo le gbeƒãɖeɖedɔa me le nuto sia si me gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ ɖo alea gbegbe la me. Le kpɔɖeŋu me, le hame aɖe me la, gbeƒãɖela 134 ye li, gake aƒe 50 pɛ koe le hamea ƒe anyigbamama me! Aleke gbeƒãɖelaawo trɔ ɖe nɔnɔme sia ŋui?\nNɔvi geɖe kua kutri ɖaɖea gbeƒã le nuto siwo me hiahiã geɖe wu le me. Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 90, si ŋkɔe nye Ionash, gblɔ be: \"Le míaƒe hamea ƒe anyigbamama gome la, ne woma aƒewo ɖe gbeƒãɖelawo nu la, gbeƒãɖela 1 aɖe gbeƒã le aƒe 2 me. Meɖea gbeƒã le kɔƒea me, gake tso ɣeaɖeɣi ke va de asi na nyitsɔ laa si lãmesẽnyawo megade dzinye o la, mezɔa kilometa 160 ƒe mɔ hã yia anyigbamama si womede asi na hame aɖeke o la me ɖaɖea gbeƒã na Hungarygbe dolawo.\" Ele be gbeƒãɖelawo natsɔ nu geɖe asa vɔe aɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le anyigbamama bubuwo me. Ionash gblɔ be: \"Ele be mafɔ fɔŋli ga 4 hafi atso keteke aɖo, eye meɖea gbeƒã va de asi na fiẽ ga 6, elabe ɣemaɣie ketekea trɔna ɖoa ta aƒe. Mewɔa esia zi eve alo zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me.\" Ðe Ionash kpɔe be yeƒe agbagbadzedzeawo ɖe via? Egblɔ be: \"Gbeƒãɖeɖe le anyigbamama saɖeaga me na mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpe ɖe ƒome aɖe si le nuto tsoabo aɖe me ŋu wova srɔ̃ nyateƒea.\"\nEnye nyateƒe be menye hame siwo le nuto sia me la me tɔ ɖe sia ɖee ate ŋu azɔ mɔ legbeewo o. Gake gbeƒãɖelawo katã, siwo dome ame tsitsiwo hã le la, dzea agbagba be yewoakpe hamea ƒe anyigbamama ɖo memie. Esia wɔe be le ƒe 2017 me la, ame siwo de Ŋkuɖodzia le du etɔ̃ siawo me la ƒe xexlẽme bliboa nye gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme teƒe eve kloe, si fia be nutoa me tɔwo katã ƒe afãe nye ema. Ðikeke mele eme o be, afi ka kee míeɖale subɔsubɔm le o, dɔ \"geɖe\" gali míawɔ \"le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.\"—1 Kor. 15:58.\n^ mm. 2 Duawo ƒe ŋkɔwoe nye Hlybokyy Potik, Serednye Vodyane kple Nyzhnya Apsha.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-may-2018\/nu%C5%8Be%C5%8Be-la-s%C9%94-gb%C9%94\/","date":"2020-01-19T16:27:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594662.6\/warc\/CC-MAIN-20200119151736-20200119175736-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990045428,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990045428276062}","num_words":504,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Miawo Mido Gbe Ða Ale\"\nÈNYA nya siwo le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la mea? Enye kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe si Yesu Kristo fia. Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be: \"Eyata miawo mido gbe ɖa ale.\" (Mateo 6:9) Esi wònye Yesue fiae ta la, woyɔnɛ zi geɖe be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, ame aɖewo hã yɔnɛ be Mía Fofo ƒe gbedodoɖa.—Latingbe, Paternoster.\nAme miliɔn geɖe srɔ̃ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖe tame hegbugbɔ nɔa emenyawo gblɔm edziedzi, ɖewohĩ gbesiagbe. Le ƒe siawo me la, ame geɖe gblɔa gbedodoɖa sia me nyawo tsoa tame wosena le sukuwo kple le hadome nudzɔdzɔwo me. Nukatae wobua Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nu vevii alea gbegbe?\nƑe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala Cyprian ŋlɔ be: \"Ðe gbedodoɖa aɖe ate ŋu aku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu wu esi Kristo fia mía. . . ? Ðe míate ŋu ado gbe aɖe ɖa na Fofo la, si me nyawo anye nyateƒe, wu esi Via, si nye Nyateƒe la, fia mía?\"—Yohanes 14:6.\nRoma Katolikoha la fia le eƒe katekismo me be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa lae nye \"Kristotɔwo ƒe gbedodoɖa vevitɔ.\" The World Book Encyclopedia l��̃ ɖe edzi be gbedodoɖa sia nye nu vevi aɖe le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo katã me, heyɔe be enye \"Kristotɔwo ƒe xɔse ŋuti nufiafia vevitɔwo\" dometɔ ɖeka.\nKe hã, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ame gbogbo aɖewo li siwo gblɔa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me nyawo tsoa tame evɔ womesea egɔme nyuie o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ottawa Citizen si wotana le Canada gblɔ be: \"Ne ètso Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me la, ke ɖewohĩ àte ŋu agblɔ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me nyawo tso tame r--- ta, gake ɖewohĩ egbɔgblɔ blewu wòafia be èse egɔme ate ŋu anye nu sesẽ na wò.\"\nÐe wòle vevie ŋutɔŋutɔ be míase gbe siwo míedona ɖa na Mawu gɔmea? Nukatae Yesu fia mí Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖo? Nukae wòfia na wò? Na míadzro nyabiabia siawo me azɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040915\/Miawo-Mido-Gbe-%C3%90a-Ale\/","date":"2020-01-20T12:27:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250598726.39\/warc\/CC-MAIN-20200120110422-20200120134422-00225.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970577359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970577359199524}","num_words":312,"character_repetition_ratio":0.105,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afrika-dukɔ Siwo Le Sahara Ƒe Anyiehe\nDukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha gblɔ tso Afrika-dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe ŋu be: \"Devi siwo mekpɔ xɔ ƒe 5 haɖe o la dometɔ 38 le alafa me si koe dzigbegbalẽ le.\" Elke Wisch, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be ke hã le nuto mawo ƒe akpa aɖewo la, ehiã be \"dzigbegbalẽ nanɔ ɖeviwo si hafi woalɔ̃ akpɔ wo gbɔ le kɔdzi, hafi woaɖe mɔ woade suku, eye nenema kee wòle le tsyɔ̃eviwo gome hafi woate ŋu anyi wo dzilawo ƒe nuwo dome.\"\nItaly\nLe numekuku aɖe si wowɔ me la, nu si Italytɔ sɔhɛ geɖe vɔ̃na wue nye Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe wo ŋu. Sɔhɛ siwo xɔ ƒe 12 va ɖo ƒe 17 dometɔ 72 le alafa me gblɔ be yewovɔ̃na nɛ ŋutɔ. Esia sɔ gbɔ sãsãsã wu wo dometɔ siwo gblɔ be yewovɔ̃na na atike vɔ̃ɖiwo nono, siwo nye sɔhɛ 55 le alafa me, wo dometɔ siwo vɔ̃na na ame tsitsiwo ƒe amegbɔdɔdɔ sesẽe la le ame 44 le alafa me, eye wo dometɔ siwo vɔ̃na na nulɔdɔxɔxɔ la le ame 24 le alafa me.\nJapan\nNyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Japan Times) ka nya ta be Japan sɔhɛ siwo megadina be woado yewo ɖe ŋgɔ le dɔ me o la le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ. Wo dometɔ 40 le alafa me gblɔ be agbe nyui manɔmanɔ alo anukwaremaɖimaɖi si xɔ aƒe ɖe dɔwɔƒewo lae na be yewomedi ɖoƒe siawo o. Dɔwɔla geɖe metea ŋu gblɔa woƒe susu alo woƒe seselelãmewo na woƒe dɔtɔwo o. Ame tsitsiwo ya léna ɖe woƒe dɔtɔwo ŋu, gake sɔhɛ 60 le alafa me ya nɔa dɔ me kple susu be ne yewova kpɔ dɔ aɖe si nyo wu ko la, yewoaɖe asi le esi wɔm yewolea ŋu.\nBrazil\nTso ƒe 1980 va se ɖe ƒe 2010 me la, wowu ame siwo ade 800,000 kloe kple tu le Brazil. Ame siwo wowu la dometɔ 450,000 kple edzivɔ xɔ tso ƒe 15 va ɖo ƒe 29. Numekuku tso nu vlo siwo wowɔ nyitsɔ laa ŋu ɖee fia be zi geɖe la dzrehehe le ƒomea me, dzrewɔwɔ kple aƒelikawo, ŋuʋãʋa kpakple ʋukulawo ƒe nyaʋiʋli kple wo nɔewo gbɔe ame siawo ƒe ku tso.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201401\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2020-01-18T21:53:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593937.27\/warc\/CC-MAIN-20200118193018-20200118221018-00083.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989691973,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989691972732544}","num_words":357,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Galilea-ƒua Dzi\nNUŊLƆÐI si le Marko 4:35-41 gblɔ be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu be woatso Galilea-ƒua. Míexlẽ be: \"Eye ahom sesẽ aɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me. Ke eya [Yesu] ŋutɔ le ʋu gɔme, ziɔ suɖui le alɔ̃ dɔm.\"\nTeƒe sia ɖeka koe Helagbe me nya si gɔme woɖe be \"suɖui,\" dze le le Biblia me. Eyata agbalẽnyalawo menya nusi tututu nya sia si wozã le afisia fia o. Woɖe nyaa gɔme le Biblia akpa gãtɔ me be \"suɖui\" alo \"kɔziɔe.\" Gake suɖui ka ƒomevie wònye? Le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ nyaa ɖo me la, nya si Marko zã na \"suɖui\" la fia be enye tɔdziʋua ƒe akpa aɖe. Tɔdziʋu aɖe si ŋu woke ɖo le ƒe 1986 me le Galilea-ƒua gbɔ lɔƒo na be gɔmesese si ate ŋu anɔ Helagbe me nya si Marko zã le afisia ŋu la dze.\nNumekukuwo ɖee fia be wodoa abala na tɔdziʋu sia si didi meta enyi la eye wokunɛ kple atablu. Wozãnɛ tsɔ ɖea lãe, eye ŋusẽ le eŋu be wote ŋu dana ɖɔ gãwo ɖe eme. Tɔdziʋua ƒe kakɛ siwo ŋu woke ɖo la nye esiwo nɔ anyi le ƒe 100 D.M.Ŋ. vaseɖe 70 M.Ŋ. lɔƒo, eye ate ŋu anye esi tɔgbe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zã. Shelley Wachsmann, si hã nɔ tomenukula siwo ke ɖe ʋua ŋu dome ye ŋlɔ agbalẽ si nye The Sea of Galilee Boat—An Extraordinary 2000 Year Old Discovery (Tɔdziʋu si Wokpɔ le Galilea-ƒua Gbɔ—Nukunu si Xɔ Ƒe 2000 Fɔfɔ). Egblɔ be anye kekotoku si wodana ɖe tɔdziʋu me be wòado kpekpe ʋua ŋui Yesu ziɔ ta ɖo abe \"suɖui\" ene. Tɔƒodela bibi aɖe si tso Jaffa, amesi si ɖɔkpɔkplɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le, gblɔ be: \"Esi menye ɖevi la, kekotoku ɖeka alo eve nɔna tɔdziʋu si míetsɔna wɔa dɔe le Mediterranea-ƒua dzi me ɣesiaɣi. . . . Wodana kekotokuawo ɖe tɔdziʋua me be woado kpekpe ʋua be wòaganɔ ya mum o. Gake ne míele wo zãm o la, míedana wo ɖe ʋua gɔme le megbe lɔƒo. Eyata ne ɖeɖi te ame aɖe ŋu la, etana yia ʋua gɔme, azã kekotokua abe suɖui ene, adɔ alɔ̃.\"\nAgbalẽnyala geɖe xɔe se be Marko ƒe nyaa fia be Yesu da ta ɖe kekotoku si woda ɖe ʋua gɔme, si nye tɔdziʋua ƒe akpa si le dedie wu ne ahom le tutum la dzi. Aleke kee suɖui ma ɖale o, nusi le vevie wue nye nya si dzɔ emegbe. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ dzi la, Yesu ɖo asi ahomya la dzi bena ƒua dze akɔ anyi. Eƒe nusrɔ̃lawo kura gɔ̃ hã bia be: \"Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050815\/Le-Galilea-%C6%92ua-Dzi\/","date":"2020-01-25T12:09:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251672440.80\/warc\/CC-MAIN-20200125101544-20200125130544-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999291122,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992911219596863}","num_words":446,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nAmesiwo Kpɔkpɔ Sesẽ la Gbɔ Ðoɖo\nYEHOWA ÐASEFOWO dzea agbagba be yewoatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi na amesiame alesi yewoate ŋui. Ɣeaɖewoɣi la, ebia be woaku kutri hafi ate ŋu ake ɖe amesiwo ƒã hafi wonɔa aƒeme ŋu. (Marko 13:10) Subɔla mɔɖela vevi aɖe si le Anyiehe Amerika gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna le kuxi sia ŋu.\n\"Meva nya gbeɖeka be nutoa dzikpɔla gbɔna anyigbamama si wode asi na mía kple srɔ̃nye srã ge akpɔ. Esi wònye amesiwo ƒã hafi wonɔa aƒeme dometɔ ɖeka ta la, meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖee hetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe kpe ɖe eŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? kple agbalẽ siwo nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee kpakple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Meɖe tameɖoɖo si le agbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu me le nye lɛtaa me.\n\"Esi medi vevie be manya alesi wòxɔ agbalẽawoe ta la, mebia be mado go kplii. Kwasiɖa aɖewo megbe la, woɖe mɔ nam be mate ŋu ado go kplii azɔ, eye metsɔ video si nye Jehovah's Witnesses—The Organization Behind the Name ɖe asi yi. Kpekpea xɔ gaƒoƒo eve sɔŋ. Le video la kpɔkpɔ kple nutodzikpɔla la vɔ megbe la, mebiae alesi wòsusu tso eŋuti. Eɖo ŋu be: 'Habɔbɔ aɖeke mede mia tɔ nu le anyigba dzi o. Ame aɖe nekpɔ be ɖe makpɔ ame abe mia hawo ene siwo akpe ɖe ŋunye mawu nye dudɔwo nu!' Emegbe ebia nenye be meɖi tsa de míaƒe habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã kpɔ hã. Meɖo eŋu nɛ be togbɔ be enye nye taɖodzinu tso keke esi mexɔ ƒe 14 hã la, mɔnukpɔkpɔ mete ŋu su asinye be maɖi tsa yi míaƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, kpɔ o. Taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ dometɔ ɖekae wònye. Ekpɔm dũ. Emegbe egblɔ be yedi be mɔnukpɔkpɔa nasu asinye. Ekpɔ míaƒe mɔɖenamegbalẽ gbɔ na mí eye wòtso yameʋutiket tsɔ ke mí!\n\"Fifia la, nutodzikpɔla la xɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo edziedzi. Míele mɔ kpɔm be madidi o míava dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011001\/Amesiwo-Kp%C9%94kp%C9%94-Ses%E1%BA%BD-la-Gb%C9%94-%C3%90o%C9%96o\/","date":"2020-01-19T08:07:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594333.5\/warc\/CC-MAIN-20200119064802-20200119092802-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993650317,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993650317192078}","num_words":342,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Gɔmesese ene kawoe nue wozã nya \"hame\" le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me?\nKristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa koŋue wozãa nya sia na (le mawunyakpukpui aɖewo me la, Kristo hã kpe ɖe ame siawo ŋu). Ɣeaɖewoɣi la, wòzã \"Mawu ƒe hame la\" wòkuna ɖe Kristotɔ siwo li le ɣeyiɣi aɖe koŋ me ŋu. Biblia zã nya \"hame\" le mɔ etɔ̃lia nu woku ɖe Kristotɔ siwo katã le anyigba ƒe teƒe aɖe ŋu. Mlɔeba la, wòate ŋu azã nya sia wòaku ɖe Kristotɔ siwo le hame ɖeka aɖe me la ŋu.—4\/15, axa 22-3.\n• Ɣekaɣie Kristotɔwo tiatia hena dziƒomɔkpɔkpɔa wu enu?\nBiblia mena biabia sia ƒe ŋuɖoɖo tẽ o. Amekpekpe sia dze egɔme tso ƒe 33 M.Ŋ me eye wòyi edzi va se ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo me. Tso ƒe 1935 dzi la, taɖodzinu si koŋ va nɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu la va nye ameha gã la nu ƒoƒo ƒu. Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi ɖase na Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1935 megbe la dometɔ aɖewo be dziƒomɔkpɔkpɔe le wo si, eya ta edze ƒãa be, míate ŋu atɔ asi ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi be eyae yɔyɔa wu enu o. Amesiamina vavãwo mexɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa geɖe wu o, eye womekpɔa mɔ be ame bubuwo nasubɔ yewo hã o. Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale Kristotɔwo si o, ele be woawɔ nuteƒe eye woayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.—5\/1, axa 30-1.\n• Esi Yefta ɖe adzɔgbe la, ɖe wònɔ klalo be yeatsɔ ye vinyɔnua asa numevɔ ŋutɔŋutɔe na Mawua?\nAo. Yefta ƒe nyawo fia be atsɔ ame si ava kpee la ake na Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ, si nye ɖoɖo si nɔ anyi le Mose ƒe Sea me. (Samuel I, 2:22) Le wɔwɔ ɖe fofoa ƒe adzɔgbeɖeɖea dzi me la, Yefta vinyɔnua yi edzi subɔ le avɔgbadɔa me, vɔsa sia lolo ŋutɔ, elabena esia abia be wòanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee.—5\/15, axa 9-10.\n• Akpa kae blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo wɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ɣeyiɣia me?\nEdze abe agbalẽxatsaxatsa la koŋue Kristotɔwo nɔ zazãm ene, ne mede ɖeke o la, va de asi na ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu ya teti. Le ƒe alafa evelia M.Ŋ me la, ame geɖe di vevie be amewo nazã blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa eye ame bubuwo hã di vevie be amewo nayi edzi anɔ agbalẽxatsaxatsaa zãm. Agbalẽtata ŋuti nunyalawo xɔe se be Kristotɔwo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã wɔ akpa vevi aɖe le ale si ame geɖewo va trɔ ɖe ezazã ŋui me.—6\/1, axa 14-15.\n• Nu kae nye Gezer Ɣletigbalẽ la?\nEnye akalokpe sue aɖe si wofɔ le ƒe 1908 me le Gezer ƒe dugã me. Ame geɖe bui be sukuvi aɖee ŋlɔ nu siwo le kpe sia dzi wònye eƒe sukudɔdeasi ƒe akpa aɖe. Woŋlɔ agbledeɣi siwo le ƒe ɖeka me la kpuie ɖe nuŋlɔɖikpea dzi; wodze egɔme kple nukuwo nu ƒoƒo ƒu le ɣleti si sɔ kple September\/October la me, eye woŋlɔ agblemenuku vovovo kple agbledɔ vovovowo hã ɖe edzi.—6\/15, axa 8.\n• Nu kae wòfia be woawɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu?\nWoate ŋu awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu, nu vɔ̃ si womatsɔ ake o. (Mateo 12:31) Mawue atso nya me nenye be míewɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o, eye ate ŋu aɖe eƒe gbɔgbɔa ɖa le mía dzi. (Psalmo 51:13) Ne míele nu xam vevie le nu vɔ̃ aɖe si míewɔ ta la, esia anya fia be míetrɔ dzi me vavã, eye wòafia hã be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔa ŋu o.—7\/15, axa 16-17.\nMenye Dawid fofo ƒe ŋkɔ ko dim Saul nɔ be yeanya o. Esi Saul de dzesii be Dawid nye ame aɖe si si xɔse kple dzideƒo nɔ be wote ŋu wu Goliat ta la, edi be yeanya ame si na hehe ɖevi sia tɔgbi. Anye be enɔ susu me na Saul be yeatsɔ Isai alo eƒe ƒomea me tɔ bubuwo akpe ɖe asrafoawo ŋu.—8\/1, axa 31.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070815\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2020-02-17T04:16:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875141653.66\/warc\/CC-MAIN-20200217030027-20200217060027-00005.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977458715,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977458715438843}","num_words":647,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo wu dɔ si wowɔ ƒe ade tsɔ keke woƒe dɔwɔƒe si nye Watchtower Farms si le Wallkill, New York nu nyitsɔ laa. Esi wòkpɔtɔ ƒe eve woawu dɔa nu eye dɔa va biã ŋku vevie la, wova hiã xɔdɔmewo na ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa nɔ dɔa wɔm. Le esia ta wohaya aƒe 25 le nutoa me.\nXɔhayalawo\nAleke xɔtɔawo se le wò ɖokui me esi wohaya woƒe xɔwo na Yehowa Ðasefowo?\nAƒea ɖeka tɔ gblɔ be: \"Míekpɔ dzidzɔ ɖe xɔhayalaawo ŋu ŋutɔ. Míaƒe aƒe te ɖe xɔhayalawo tɔ ŋu eye míede dzesii be wowɔa nu aduadu kple mí eye wodzea xɔlɔ̃ ame hã.\"\nAƒenɔ bubu aɖe si ƒe aƒe te ɖe esi wòhaya na Ðasefoawo ŋu la gblɔ tso wo ŋu be: \"Woƒe nuwɔna dea dzi ƒo ɣesiaɣi. Tsiƒuƒe nyui aɖe le míaƒe xɔ godo eye ne míekpe ɖekakpuiawo be woava ƒu tsi le eme faa la wovana. Wobua ame ŋu ɣesiaɣi si wova, eye wodea bubu ame ŋu hã. Anyinɔnɔ kple wo dzɔ dzi na mí ale gbegbe eye míasusu wo ŋutɔ ne womegali anɔ du ƒum le gbeawo dzi míanɔ kpɔkpɔm o.\" Egblɔ kpee be: \"Woawoe nye xɔhayala nyuitɔ siwo míekpɔ kpɔ.\"\nAƒetɔ aɖe gblɔ be: \"Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be menye xɔhayalawo koe ame siawo nye na mí o, wova zu míaƒe aƒelikawo hã.\"\nXɔawo\nNya kawoe xɔtɔwo gblɔ tso xɔawo ƒe nɔnɔme ŋu esi xɔhayalawo dzo megbe?\n\"Woxea xɔfetuawo ɖe game dzi, eye wolé be na aƒea nyuie wònɔ nɔnɔme nyui me hafi wodzo.\"\nAƒetɔawo dometɔ aɖe si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: \"Akpe na mi kple Gbetakpɔxɔhabɔbɔ bliboa ɖe beléle tɔxɛ si mietsɔ na míaƒe aƒea ta,\" eye wògblɔ kpee be yemekpɔ mɔ be Ðasefoawo \"nadzra teƒea ɖo nenema gbegbe o.\"\nNyɔnu ɖeka gblɔ be: \"Esi míenya miaƒe habɔbɔa ƒe nuteƒewɔwɔ ta la, míebia be woaxe nugblẽfe aɖeke daɖi hafi axɔ xɔawo o. Naneke megblẽ le xɔ siwo katã wohayaa ŋu hafi wotrɔ wo na mí o.\"\nEsi Ðasefoawo dzra nu suesue aɖe siwo gblẽ le aƒetɔ ɖeka aɖe ƒe xɔ ŋu ɖo vɔ la, aƒetɔa bia be, \"Aleke mawɔ hafi miatɔ aɖewo nava wɔ dɔ nam? Ne miedo ŋugbe be yewoawɔ dɔ aɖe le ŋkeke aɖe dzi la, mienɔa game dzi ɣesiaɣi. Ame siwo dzraa nu siwo gblẽ le nye aƒea ŋu ɖo la mewɔa woƒe nyawo dzi alea o.\"\nAle Si Woƒo Nya Tae\nHafi xɔ aɖe si Ðasefoawo haya ƒe ƒe nade la, aƒeatɔ ŋlɔ agbalẽ na wo be ne woagahaya xɔa ake la, yeaɖe xɔfetua dzi atsɔ anyo dɔme na wo.\nAƒetɔ bubu gblɔ be: \"Ne mɔnukpɔkpɔ agasu mía si ake la, adzɔ dzi na mí ŋutɔ be míagahaya xɔ na Gbetakpɔxɔhabɔbɔa ake.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/l%C9%9Bta-siwo-tso-a%C6%92et%C9%94-siwo-haya-x%C9%94-na-yehowa-%C9%96asefowo-gb%C9%94\/","date":"2020-06-02T03:05:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422065.56\/warc\/CC-MAIN-20200602002343-20200602032343-00400.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986409545,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986409544944763}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nSuriname\nGemeente Paramaribo van Jehovah's Getuigen\nPO Box 2914\nPARAMARIBO\nSURINAME\n+597 328054\n+597 328049\n+597 328021\n+597 328019\n+597 8918205 (Media inquiries)\n+597 8899089 (Media inquiries)\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/suriname\/","date":"2020-06-01T17:26:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347419056.73\/warc\/CC-MAIN-20200601145025-20200601175025-00560.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989749193,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989749193191528}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.347,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŊUTSU siawo ɖo dzɔgbevɔ̃e me. Ele be woasi ne menye nenema o la, woawu wo. Wonye Israeltɔ ŋkutsalawo, eye nyɔnu, si le kpekpem ɖe wo ŋu lae nye Raxab. Raxab ƒe aƒe, si me wòle la le Yerixo-dua ƒe gli dzi. Na míakpɔ nusita amesiawo ɖo dzɔgbevɔ̃e me la ɖa.\nIsrael-viwo le klalo be woatso Yordan-tɔsisia age ɖe Kanaan-nyigba dzi. Gake hafi woayi la, Yosua dɔ ŋkutsala eveawo. Egblɔ na wo be: 'Miyi miaɖalé ŋku ɖe anyigba la kple Yerixo-dua ŋuti.'\nEsi ŋkutsalawo yi Yerixo la, woyi Raxab ƒeme. Gake ame aɖe gblɔ na Yerixo-fia la be: 'Israeltɔ eve va afisia le zã me be woatsa ŋku le anyigba la dzi.' Esi fia se nya sia la, edɔ amewo ɖe Raxab, eye woɖe gbe nɛ be: 'Ðe ŋutsu, siwo le aƒewò me la do goe!' Gake Raxab ɣla ŋkutsalawo ɖe eƒe xɔta. Eyata egblɔ be: 'Ŋutsu aɖewo va nye aƒeme ya, gake nyemenya afisi wotso o. Wodzo esime anyigba le tsyɔtsyɔm hafi wodo agbo la. Ne mieɖe abla la, miate ŋu axe wo!' Eyata ŋutsuawo ti wo yome.\nEsi wodzo la, Raxab ɖe abla yi ɖe xɔta. Egblɔ na ŋkutsalawo be: 'Menya be Yehowa le anyigba sia tsɔ ge na mi. Míese alesi wòna Ƒudzĩe la mie esime miedzo le Egipte, kple alesi miewu Sixon- kple Og-fiawoe. Menyo dɔme na mi, eyata taflatse mido ŋugbe nam be yewoanyo dɔme nam. Miɖe fofonye kple danye, kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo.'\nŊkutsalawo do ŋugbe be yewoaɖe wo, gake ele be Raxab nawɔ nane hafi. Ŋkutsalawo gblɔ be: 'Xɔ ka dzẽ sia nàsa ɖe wò fesre nu, eye nàƒo wò ƒometɔwo katã nu ƒu ɖe ɖokuiwò gbɔ. Eye ne mí katã míetrɔ va Yerixo xɔ ge, eye míekpɔ ka sia le wò fesre nu la, míagawu ame aɖeke le aƒewò me o.' Esi ŋkutsalawo trɔ yi Yosua gbɔ la, wogblɔ nusiwo katã dzɔ la nɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/rahab-%C5%8Bkutsalawo\/","date":"2020-05-30T18:38:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410284.51\/warc\/CC-MAIN-20200530165307-20200530195307-00014.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997920394,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997920393943787}","num_words":311,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 4 va se ɖe July 8, 2018 la le tata sia me.\nAmewo di vevie be yewoavo tso ameteteɖeanyi, vovototodedeameme kple ahedada si me, eye ame aɖewo hã di be ablɔɖe nasu yewo si yewoagblɔ yewoƒe susuwo faa alo yewoawɔ nu si yewodi. Ðe ablɔɖe vavãtɔ ate ŋu asu amegbetɔwo sia?\nMɔ kawo nue Yehowa ƒe gbɔgbɔa na ablɔɖe mí le? Aleke míaƒo asa na ablɔɖe si Mawu na mí la ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu?\nEdze abe esi Timoteo dze dɔwɔwɔ kple apostolo Paulo gɔme la, anya se le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔa o ene. Nu kae hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso Timoteo ƒe kpɔɖeŋua me?\nTso blema ke la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be woade dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo.\nEsi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe ŋutɔ ta la, ele be míagatsɔ ɖe le eme na mía nɔvi Kristotɔwo geɖe wu, ale be míate ŋu ade dzi ƒo na wo ɣesiaɣi si wòhiã.\nMɔnukpɔkpɔ gbogbo siwo ŋu dɔ sɔhɛwo ate ŋu awɔ kple nyametsotso geɖe siwo dze ŋgɔ wo la ate ŋu ana woatɔtɔ. Nu kae akpe ɖe wo ŋu be woawɔ tiatia nyuitɔ le nu si woatsɔ woƒe agbe awɔe la ŋu?\nNu ka tae mɔɖeɖe meli be ame aɖe nada Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo alo videowo ɖe eya ŋutɔ ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe alo Internet hahoo kadodo ƒe dɔwɔnuwo dzi o?\nSusu ka tae le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, wotrɔ asi le Psalmo 144 lia me nyawo ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-april-2018\/","date":"2020-05-30T03:40:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407001.36\/warc\/CC-MAIN-20200530005804-20200530035804-00140.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974247217,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974247217178345}","num_words":256,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Biblia alo Yehowa Ðasefowo ŋua? Ne èdii la, ke kpe aɖaka si le ete la ɖo nàtsɔ abia be Yehowa Ðasefo aɖe nava srã ye kpɔ, eye Ðasefo aɖe si le miaƒe nutoa me la ado ka kpli wò alo ava gbɔwò.\nMíazã ŋuwò nyatakaka siwo nèɖo ɖa la na wò biabia be míava srã ye kpɔ la ŋu dɔ wɔwɔ dzaa ko. Esia wɔ ɖeka kple Ameŋunyatakakawo Zazã Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si.\nCoronavirus (COVID-19) Alert: In many areas, we have suspended our in-person visits and public meetings. Please include your telephone number when you complete this form and a Witness in your area will contact you.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/bia-be-woasr%C3%A3-ye-kp%C9%94\/","date":"2020-05-29T18:08:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347405558.19\/warc\/CC-MAIN-20200529152159-20200529182159-00102.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992815852,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992815852165222}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ele bɔbɔe be míasusui be míanɔ sɔhɛ me ɖaa eye míato 'fukpeɣi' siwo tsitsi hena vɛ le Satana ƒe xexea me la me gbeɖe o. (Nyg 12:1) Ne sɔhɛe nènye la, ɖe nèsusuna be ɣeyiɣi geɖe le ye si yeatsɔ ava ti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ene yomea?\n\"Nuɖiɖeame\" li na mí katã, eye sɔhɛwo meto le eme o. (Nyg 9:11) 'Míenya ale si míaƒe agbe anɔ etsɔ o.' (Yak 4:14) Eya ta, mèganɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo tutum ɖe aga madzemadzee o. To \"dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã\" la nu esi wòkpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na wò. (1Ko 16:9) Mave wò akpɔ o.\nGbɔgbɔmetaɖodzinu siwo nàte ŋu aɖo:\nGbeƒãɖeɖe na gbe bubu dolawo\nMɔɖeɖedɔa wɔwɔ\nTeokrasisukuwo\nAsikpekpe ɖe xɔtudɔwo ŋu\nDɔwɔwɔ le Betel\nNutome sue dzi kpɔkpɔ dɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov21-27\/s%C9%94h%C9%9Bwo-migahe-megbe-mito-%CA%8B%C9%94tru-g%C3%A3-nu\/","date":"2020-06-05T14:11:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348500712.83\/warc\/CC-MAIN-20200605111910-20200605141910-00556.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981955886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981955885887146}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èkpɔa mí le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Ðewohĩ èxlẽ nu tso mía ŋu le nyadzɔdzɔwo me, alo èse mía ŋu nya le ame bubuwo gbɔ. Gake aleke gbegbee nènya Yehowa Ðasefowo?\nKpɔ esia hã: Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?\nMíaƒe Dzixɔsewo Kple Dɔwɔnawo\nKpɔ nya siwo amewo lɔ̃a biabia ƒe ŋuɖoɖo kpuiwo.\nXlẽ nu tso ale si Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie nana Mawu ƒe Nya, Biblia, fiaa mɔ woƒe tamebubu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu.\nMíele dukɔ siwo wu 230 me eye míaƒe dekɔnuwo kple gbegbɔgblɔwo to vovo. Ðewohĩ ènya nu tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie, gake míekpena ɖe nuto siwo me míele la me tɔwo ŋu le mɔ vevi bubuwo hã nu.\nXlẽ nu tso míaƒe habɔbɔ si me tɔwo le xexea me godoo la ŋu.\nBiblia Sɔsrɔ̃ Femaxee Ƒe Ɖoɖo\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nNa Yehowa Ðasefowo nava dzro Biblia me nyati aɖe me kpli wò, alo be nàte míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa kpɔ.\nKpekpewo Kple Wɔna Tɔxɛwo\nWò ŋutɔ va kpɔ nu siwo yia edzi le wo me ɖa.\nXlẽ nu tso afi siwo míekpena le kple ale si míesubɔnae la ŋu.\nƑe sia ƒe la, ame miliɔn geɖewo kpea ta ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi. Míele kpewòm be nàva kpɔ ale si wɔna tɔxɛ sia ka wòe la ɖa.\nAlɔdzedɔwɔƒewo\nMíaƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me ƒe adrɛs kple bubuawo.\nKpɔ alɔdzedɔwɔƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ. Kpɔ tsaɖiɣiwo.\nKpɔ ale si xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem togbɔ be míexɔa nudzɔdzɔ alo nu ewolia le amewo si o hã la ɖa.\nYehowa Ðasefowo le xexea me godoo, eye wotso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple to sia to me. Nu kae na ameƒomevi vovovo siawo va wɔ ɖeka?\nNu Ðedzesiwo—Xexea Me Godoo\n-\nDukɔ siwo me Yehowa Ðasefowo le subɔsubɔm le: 240\n-\nYehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme: 8,683,117\n-\nWowɔ aƒe me Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple ame: 9,618,182\n-\nAme siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me: 20,919,041\n-\nHamewo: 119,712","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2020-05-28T05:57:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347396495.25\/warc\/CC-MAIN-20200528030851-20200528060851-00192.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992229939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999222993850708}","num_words":361,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.\nKorona Dɔvɔ̃a (COVID-19) Ŋuti Nyatakaka: Le dukɔ geɖe me la, míeɖo asi tsaɖiɖi le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dzi gbɔ. Ne èdi esia ŋuti nyatakaka bubuwo la, míeɖe kuku, ƒo ka na alɔdzedɔwɔƒe si nèdi be yeaɖi tsa le.\nGermany\nJehovas Zeugen\nAm Steinfels\n65618 SELTERS\nGERMANY\n+49 6483-41-0\nTsaɖiɖi\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ga 11 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 4\nTsaɖiɖia axɔ gaƒoƒo 2\nNu Ðedzesiwo\nMíetaa agbalẽ miliɔn 17 kple magazine miliɔn 165 ƒe sia ƒe. Míeɖoa agbalẽ kple magazine tɔn 11,000 siwo le gbegbɔgblɔ 280 me ɖe dukɔ siwo wu 40 ƒe sia ƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/germany\/","date":"2020-06-05T20:28:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348502204.93\/warc\/CC-MAIN-20200605174158-20200605204158-00590.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996925592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996925592422485}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ dzi yiyi aɖe vi na wòe?\nÐikeke mele eme o be Biblia me nufiafia vevi mawo sɔsrɔ̃ na wò lɔlɔ̃ na Yehowa me gasẽ ɖe edzi. Ehiã be nànɔ lɔlɔ̃ ma tum ɖo ɣesiaɣi. (1 Petro 2:2) Be agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa nasu asiwò la, anɔ te ɖe ale si nàyi edzi anɔ tetem ɖe Mawu ŋu to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ me dzi.—Xlẽ Yohanes 17:3; Yuda 21.\nNe wò sidzedze Mawu dzi ɖe edzi la, wò xɔse agasẽ ɖe edzi. Xɔse ana wò nu nadze Mawu ŋu. (Hebritɔwo 11:1, 6) Aʋã wò nàtrɔ dzi me, eye wòana nàwɔ tɔtrɔ siwo aɖe vi na wò le agbenɔnɔ me.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.\n2. Aleke nàwɔ Mawu ŋuti sidzedze si su asiwò la naɖe vi na ame bubuwo?\nÀdi godoo be yeagblɔ nu siwo srɔ̃m yele la na ame bubuwo—nya nyuiwo gbɔgblɔ na ame bubuwo dzɔa dzi na mí katã. Ne èyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, àva srɔ̃ ale si nàzã Biblia atsɔ aɖe ale si nèxɔ Yehowa kple nya nyuia dzi see la me na amewo.—Xlẽ Romatɔwo 10:13-15.\nAme akpa gãtɔ dzea egɔme kple nya nyuia gbɔgblɔ na wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo. Ðɔ ŋu ɖo. Mègada woƒe subɔsubɔhawo ɖe anyi o, ke boŋ ƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu na wo. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, wò nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu nyuie wɔa dɔ ɖe wo dzi wu wò nyagbɔgblɔwo.—Xlẽ 2 Timoteo 2:24, 25.\n3. Ƒomedodo kae ate ŋu ava nɔ mia kple Mawu dome?\nMawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me. Eye mlɔeba ƒomedodo tɔxɛ aɖe ava nɔ mia kple Yehowa dome. Le nyateƒe me la, àte ŋu azu Mawu tɔ ahanye eƒe ƒomea me tɔ.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:18.\n4. Aleke nàwɔ anɔ ŋgɔyiyi wɔm?\nÀte ŋu ayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le mawusubɔsubɔ me ne èyi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi. (Hebritɔwo 5:13, 14) Bia tso Yehowa Ðasefo aɖe si be wòazã agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? atsɔ asrɔ̃ Biblia kpli wò. Zi geɖe ale si nèyi edzi le Mawu ƒe Nya srɔ̃m la, zi geɖe ma kee nàkpɔ dzidzedze le agbe me.—Xlẽ Psalmo 1:1-3; 73:27, 28.\nYehowa, Mawu dzidzɔtɔ la, gbɔe nya nyui la tso. Àte ŋu ate ɖe eŋu kplikplikpli ne ètena ɖe eƒe amewo ŋu kplikplikpli. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne èyi agbagba si dzem nèle be yeadze Yehowa ŋu dzi la, wò asi asu agbe vavã, si nye agbe mavɔ, la dzi. Le nyateƒe me la, tete ɖe Mawu ŋue nye nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ.—Xlẽ 1 Timoteo 1:11; 6:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/nu-ka-tae-w%C3%B2le-be-n%C3%A0yi-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83a-dzi\/","date":"2020-07-02T20:29:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655879738.16\/warc\/CC-MAIN-20200702174127-20200702204127-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984972477,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984972476959229}","num_words":406,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"16 Ale wòva ɖo Derbe kple Listra hã. Eye kpɔ ɖa! Nusrɔ̃la aɖe nɔ afi ma, si ŋkɔe nye Timoteo, Yuda nyɔnu aɖe si nye xɔsetɔ la ƒe viŋutsu, gake fofoa nye Helatɔ, 2 eye nɔvi siwo le Listra kple Ikonio la ƒo nu nyui tso eŋu. 3 Paulo ɖee gblɔ be yedi be ame sia nayi kpli ye, eye wòxɔe hetso aʋa nɛ le Yudatɔ siwo le teƒe mawo ta, elabena wo katã wonya be Helatɔe fofoa nye. 4 Ke esi wonɔ duawo me tom la, wotsɔa nyametsotso siwo apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem wɔ la ŋuti ɖoɖoawo naa wo, be woalé wo me ɖe asi. 5 Ale, le nyateƒe me la, hameawo yi edzi sẽ ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke. 6 Gawu la, woto Frigia kple Galatia nuto me, elabena gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na wo be woagagblɔ nya la le Asia nutoa me o. 7 Eye esi wova ɖo Misia la, wodze agbagba be yewoayi Bitinia, gake Yesu ƒe gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o. 8 Eya ta woto Misia ŋu yi Troa. 9 Eye le zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe: Makedonia ŋutsu aɖe nɔ tsitre nɔ kuku ɖem nɛ vevie be: \"Tso ƒu va Makedonia, ne nàkpe ɖe mía ŋu.\" 10 Ke esi wòkpɔ ŋutega la teti ko la, míedi be míayi Makedonia, elabena míeƒo nya ta be Mawue yɔ mí be míagblɔ nya nyui la na wo. 11 Eya ta míeɖo tɔdziʋu tso Troa, eye míezɔ tẽe va Samotrake, gake le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, míeva Neapoli, 12 eye tso afi ma míeva Filipi, si nye du aɖe si le Roma te, eye wònye Makedonia nutoa ƒe du vevitɔ. Míenɔ du sia me ŋkeke aɖewo. 13 Eye le sabat ŋkeke dzi la, míedo go tso agboa nu yi tɔsisi aɖe to, afi si míesusu be gbedoɖaƒe aɖe le; eye míenɔ anyi hete nuƒoƒo na nyɔnu siwo va ƒo ƒu la. 14 Eye nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lidia, si nye aɖabɛdzrala, tso Tiatira dua me, eye wònye mawusubɔla la, nɔ to ɖom, eye Yehowa ʋu eƒe dzi gbadzaa be wòalé to ɖe nya siwo gblɔm Paulo nɔ la ŋu. 15 Ke esi eya kple eƒe aƒe la xɔ nyɔnyrɔ la, eɖe kuku vevie gblɔ be: \"Ne miebum be menye nyateƒetɔ na Yehowa la, ekema miva aƒenye me, eye miatsi afi ma.\" Eye wòƒoe ɖe mía nu míege ɖe eme. 16 Eye wòva eme be, esi míenɔ gbedoɖaƒe la yim la, dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ aɖe, si nye afakaka ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe, nɔ la va kpe mí. Etoa eƒe nukaka la dzi wɔa ga geɖe na eƒe aƒetɔwo. 17 Nyɔnuvi sia nɔ mía kple Paulo yome, eye wònɔ ɣli dom nɔ gbɔgblɔm be: \"Ame siawo nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe kluviwo, siwo le xɔxɔmɔ la gblɔm fia mi.\" 18 Enɔ esia wɔwɔ dzi ŋkeke geɖe. Mlɔeba eva glo Paulo, eye wòtrɔ hegblɔ na gbɔgbɔ la be: \"Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le eme.\" Eye wòdo go le gaƒoƒo ma tututu dzi. 19 Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ be yewobu yewoƒe gakpɔmɔnua la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me* ɖe dziɖulawo gbɔ, 20 eye esi wokplɔ wo yi dumegãwo gbɔ la, wogblɔ be: \"Ame siawo le zitɔtɔ hem va míaƒe dua me ŋutɔ; Yudatɔwo wonye, 21 eye wole nu ƒom tso kɔ siwo se meɖe mɔ na mí be míaxɔ alo anyi o la ŋu, le esi wònye Romatɔwo ye míenye ta.\" 22 Eye ameha la tsi tsitre ɖe wo ŋu ɖekae; eye esi dumegãwo vuvu woƒe awudziwuiwo le wo ŋu vɔ la, woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. 23 Esi woƒo wo vevie vɔ la, wode wo gaxɔ me, eye wode se na gaxɔdzikpɔla la be wòadzɔ wo ŋu nyuie. 24 Esi wode se nɛ alea ta la, etsɔ wo de gaxɔ ememetɔ la me, eye wòde ga woƒe afɔwo ɖe atikpo siwo me woɖe do ɖo la me sesĩe. 25 Gake le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa henɔ ha dzim nɔ Mawu kafum; ɛ̃, gamenɔlawo nɔ wo ŋkɔ sem. 26 Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, ale be gaxɔa ƒe anyinɔwo ʋuʋu. Gawu la, ʋɔtruawo katã ʋu enumake, eye wo katã ƒe bablawo tu. 27 Esi gaxɔdzikpɔla la nyɔ tso alɔ̃ me hekpɔ be gaxɔa ƒe ʋɔtruwo nɔ ʋuʋu la, eɖe eƒe yi be yeawu ye ɖokui, elabena esusu be gamenɔlaawo si. 28 Gake Paulo do ɣli gblɔ be: \"Mègawɔ nuvevi ɖokuiwò o, elabena mí katã míele afii!\" 29 Eya ta ebia be woatsɔ akaɖiwo avae, eye wòƒu du ge ɖe eme, eye wònɔ ƒoƒom kpakpakpa va bɔbɔ ɖe Paulo kple Sila ŋkume. 30 Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ be: \"Aƒetɔwo, nu kae wòle be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?\" 31 Wogblɔ be: \"Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye mia kple wò aƒe la miakpɔ ɖeɖe.\" 32 Eye wogblɔ Yehowa ƒe nya la na eya kple ame siwo katã le eƒe aƒe me. 33 Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma me, eye wòklɔ woƒe abiawo; eye wonyrɔ wo katã, eya kple etɔwo, heheɖemegbe manɔmee. 34 Eye wòkplɔ wo va eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ geɖe kple eƒe aƒe blibo la le esi wòxɔ Mawu dzi se azɔ ta. 35 Esi ŋu ke la, dumegãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woagblɔ be: \"Ðe asi le ame mawo ŋu.\" 36 Eya ta gaxɔdzikpɔla la va gblɔ woƒe nyawo na Paulo be: \"Dumegãwo dɔ ame ɖa be maɖe asi le mi ame evea ŋu. Eya ta azɔ la, mido go, eye midzo yi le ŋutifafa me.\" 37 Gake Paulo gblɔ na wo be: \"Woƒo mí, ame siwo nye Romatɔwo, le dutoƒo evɔ womedrɔ̃ ʋɔnu mí hebu fɔ mí hafi o, eye wode mí gaxɔ me; eye azɔ ɖe wole asi ɖem le mía ŋu le adza mea? Gbeɖe! Ke boŋ woawo ŋutɔwo neva kplɔ mí do goe.\" 38 Eya ta atikplɔtɔawo yi ɖaka nya siawo ta na dumegãwo. Vɔvɔ̃ ɖo ame siawo esi wose be Romatɔwoe ameawo nye. 39 Eya ta wova, eye woɖe kuku na wo vevie, eye esi wokplɔ wo do goe vɔ la, wobia tso wo si be woadzo le dua me. 40 Gake wodo go le gaxɔa me, eye woyi Lidia ƒe aƒe me, eye esi wokpɔ nɔviawo la, wode dzi ƒo na wo, eye wodzo.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Eganye afi si hã amewo va kpea ta le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/16\/","date":"2020-08-14T00:57:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00567.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992114902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992114901542664}","num_words":1045,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míeƒo nu tso xotutu aɖe si me afakala aɖe si nɔ Delphi la ble Croesus si na Persia-fia ɖu edzi la ŋu va yi. Gake nyagblɔɖi vavã siwo ku ɖe Persia-fia ŋu eye wova eme tsitotsitso ye le Biblia ya me.\nAnɔ ƒe 200 do ŋgɔ hafi woava dzi fia ma la, Hebritɔwo ƒe nyagblɔɖila Yesaya yɔ Kores ŋkɔ kaŋ be eyae ava xɔ Babilontɔwo ƒe dugã la eye wògblɔ ale si wòawɔe hã.\nYesaya 44:24, 27, 28: \"Ale Yehowa, . . . gblɔe nye esi, ame si gblɔ na tɔ goglo la be: 'Mie, eye mana wò tɔsisiwo katã namie'; ame si gblɔ le Kores ŋu be: 'Nye lãkplɔvi wònye, awɔ nye didiwo katã dzi ade goe'; ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, 'Woagbugbɔe atso,' eye wògblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, 'Woaɖo egɔme anyi.'\"\nHelatɔ ŋutinyaŋlɔla Herodotus gblɔ be, Kores ƒe asrafowo trɔ mɔ na Frat-tɔsisi si sina to Babilon-dua me la ƒe tsiwo to teƒe bubu. Esia na Kores ƒe asrafowo zɔ to tɔʋua me ge ɖe dua me. Esi Kores xɔ dua megbe la, eɖe asi le Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la ŋu eye wòɖe mɔ na wo be woatrɔ ayi Yerusalem agbugbɔ du si wotsrɔ̃ ƒe 70 va yi la atso.\nYesaya 45:1: \"Ale Yehowa gblɔ na Kores, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusi melé, ne mabɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume, ne maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si, ne maʋu ʋɔtru agaveewo le eŋkume, ale be agboawo natsi madomado\" lae nye esi.\nPersiatɔawo to ʋɔtru gã agave siwo nɔ gli si woɖo ɖe dua ŋu, siwo woʋu gblẽ ɖi ɖekematsɔlemetɔe la nu ge ɖe dua me. Ne ɖe Babilontɔwo nya nu si Kores ɖo be yeawɔ la, anye ne wotu agbo siwo katã nɔ tɔsisia dzi. Gake abe ale si wòdzɔe ene la, dua tsi nuvo.\nNyagblɔɖi vevi sia nye nyagblɔɖi geɖe siwo le Biblia me siwo va eme pɛpɛpɛ la dometɔ ɖeka ko. * Biblia me nyagblɔɖiwo mele abe nya siwo amewo gblɔna be yewoƒe alakpamawuwo gbɔe wotso la ene o, Biblia me nyagblɔɖiwo ya tso Ame si gblɔ be yenye: \"Ame si gblɔa nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke, kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke\" la gbɔ.—Yesaya 46:10.\nMawu vavã ɖeka kolia, si ŋkɔe nye Yehowa koe ate ŋu agblɔ nya siawo. Ŋkɔ ma gɔmee nye \"Enana Wòvaa Eme.\" Esia ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòanya etsɔme eye wòana nu siwo ava dzɔ le etsɔme hã nawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la fia. Eƒe ŋkɔa na míeka ɖe edzi be ana nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo la nava eme godoo.\nNYAGBLƆÐI SIWO LE EME VAM EGBEA\nÀdi be yeanya nu siwo Biblia gblɔ ɖi ku ɖe ŋkeke siwo me míele la ŋua? Biblia gblɔ ƒe 2,000 aɖewoe nye esia be, \"ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ\" la ava le \"ŋkeke mamlɛawo me.\" Nu ka ƒe ŋkeke mamlɛawoe? Manye ŋkeke mamlɛawo na anyigbaa alo amegbetɔwo o, ke boŋ anye ŋkeke mamlɛawo na dzrehehe, ameteteɖeanyi kple fukpekpe siwo me amegbetɔwo to ƒe akpe geɖee nye esia la. Na míadzro nyagblɔɖi siawo dometɔ ʋɛ aɖewo siwo ku ɖe \"ŋkeke mamlɛawo\" ŋu la me kpɔ.\n2 Timoteo 3:1-5: \"Le ŋkeke mamlɛawo me la . . . , amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.\"\nÐe màlɔ̃ ɖe edzi be aleae amewo ƒe nɔnɔme le egbea oa? Ède dzesii be ame siwo nye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo kple ame siwo me dada yɔ fũu domee míele egbea? Mèkpɔe be amewo va le wo ɖokuitɔ dim eye womegale didim be yewoalɔ̃ ɖe amewo ƒe susu dzi oa? Nyateƒee àde dzesii be ɖevi geɖe megaɖoa to wo dzilawo o eye amewo lɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu. Azɔ hã gbegblẽm koe nuwo le ɖe edzi.\nMateo 24:6, 7: \"Miase aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo. . . . Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.\"\nAkɔntabubuwo ɖee fia be aʋawɔwɔ gãwo kple suesuesue siwo dzɔ tso ƒe 1914 me la wu ame siwo wu miliɔn 100, agbɔsɔsɔ sia sɔ gbɔ wu ame siwo le dukɔ aɖewo me ƒe xexlẽme kura. Kpɔ ale si gbegbe aɖatsi ayɔ mo na amewo, woanɔ nu xam ahanɔ fu kpem le ame gbogbo siawo ƒe ku ta ɖa. Ðe dukɔwo srɔ̃ nane tso esia me eye wodzudzɔ aʋawɔwɔa?\nMateo 24:7: \"Nuɖuɖu ave.\"\nXexea Me Ƒe Nuɖunyawo Gbɔkpɔha gblɔ be: \"Togbɔ be nuɖuɖu si ade ame sia ame nu le xexea si hã la, ame miliɔn 815 siwo nye ame ɖeka le asieke me tsia dɔ gbe sia gbe. Esi gavlo wue nye be ame ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me mekpɔa nu nyui ɖuna o.\" Wobu akɔnta be ɖevi miliɔn etɔ̃ ye kuna ƒe sia ƒe le dɔwuame ta.\nLuka 21:11: \"Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo.\"\nAnyigbaʋuʋu suesuesue 50,000 ye dzɔna ƒe sia ƒe. Wo dometɔ 100 gbãa xɔwo eye anyigbaʋuʋu sesẽ ɖeka ya teti dzɔna ƒe sia ƒe. Akɔntabubu aɖe gblɔ be, tso ƒe 1975 va ɖo ƒe 2000 me la, anyigbaʋuʋu na ame 471,000 ku.\nMateo 24:14: \"Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"\nYehowa Ðasefo siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn enyi la le gbeƒã ɖem eye wole ɖase ɖim tso Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu le dukɔ 240 me le xexea me godoo. Wole nya nyuia gblɔm le dugãwo kple kɔƒewo me, le avewo me kple towo dzi. Nyagblɔɖia gblɔ be ne wowu dɔ sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Mawu dii ene la, \"nuwuwu la ava.\" Nu kae nya ma fia? Efia be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ava nuwuwu eye dziɖuɖu si nye Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme. Ŋugbedodo kawoe ava eme ne Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum? Míeɖe kuku yi nuxexlẽa dzi ne nàde dzesii.\n^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye \"Kpeɖodzi Aɖe Si Na Míekpɔ Ale Si Nyagblɔɖiwo De Pɛpɛpɛ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2018-may-jun\/biblia-me-nyagbl%C9%94%C9%96i-siwo-va-eme\/","date":"2020-08-15T08:16:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988029003,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998802900314331}","num_words":1025,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOLI ŊKUÐODZIKPE SIA ÐE ITALY LE ROME DUGà ME SI AMEWO ÐIA TSA TSO XEXEA ƑE AKPA SIA AKPA VA KPƆNA TSƆ ÐOA ŊKU AƲADZIÐUÐU Gà LA DZI. WOLI KPE SIA BE WOATSƆ ADE BUBU ROMATƆWO ƑE FIAGÃWO DOMETƆ ÐEKA SI NYE TITUS ŊU.\nTitus Ƒe Ŋkuɖodzikpe nye kpe gã eve siwo ŋu woɖe nutatawo ɖo, siwo ɖoa ŋku ŋutinyamenudzɔdzɔ nyanyɛ aɖe dzi. Gake nu si ame geɖe menya o ye nye be ŋkuɖodzikpe sia tɔ asi Biblia me nya vevi aɖe dzi. Eyae nye be, Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpe la ɖo kpe ale si Biblia me nyagblɔɖiwo de pɛpɛpɛ la dzi numaƒomaƒoe.\nDU SI WOBU FƆ\nLe ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe gɔmedzedzea, Roma Fiaɖuƒea keke ta tso Britain kple Gaul (si nye France fifia) va ɖo Egipte, nu dze edzi na emenɔlawo eye woɖe dzi ɖi. Gake nuto aɖe si nɔ adzɔge nye taɖui gã aɖe na Roma, nuto mae nye Yudea, si di be woana ablɔɖe yewo la.\nAgbalẽ aɖe (The Encyclopedia of Ancient Rome) gblɔ be: \"Nuto ʋɛ aɖewo siwo nɔ Roma ƒe kpɔkplɔ te le akpa evea medi kura be Roma naɖu yewo dzi o, wo dometɔ ɖekae nye Yudea. Yudatɔwo gbe be du bubu me tɔ siwo metsɔ ɖeke le yewoƒe dekɔnuwo me o la naɖu yewo dzi o, eye esia na Romatɔwo hã te Yudatɔwo ɖe anyi.\" Yudatɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm be dziɖula aɖe ava nya Romatɔ sẽŋutawo eye Israel navo. Gake le ƒe 33 K.Ŋ. la, Yesu Kristo gblɔe ɖi be vɔ̃ gã aɖe boŋue ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi.\nYesu gblɔ be: \"Ŋkekewo gbɔna na wò esime wò futɔwo atu ati biɖoebiɖoewo aƒo xlã wò godoo va kpe, woaɖe to ɖe wò eye woaxaxa wò ɖo le goawo katã me. Woatsɔ wò kple viwò siwo le mewò la axlã ɖe anyi, eye womagblẽ kpe ɖe kpe dzi le mewò o.\"—Luka 19:43, 44.\nYesu ƒe nyawo anya wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo. Ŋkeke eve megbe esi nusrɔ̃lawo nɔ ŋku lém ɖe Yerusalem gbedoxɔa ŋu la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Nufiala, kpɔ kpe siawo kple xɔ siawo gbegbe ɖa!\" Le nyateƒe me la, woka nya ta be kpe siwo wotsɔ tu gbedoxɔa la dometɔ aɖewo didi afɔ 35 (meta 11), keke afɔ 15 (meta 5), eye wokɔ afɔ 10 (meta 3)! Gake Yesu gblɔ be: \"Nu siawo siwo kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, esime womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.\"—Marko 13:1; Luka 21:6.\nYesu gblɔ kpe ɖe eŋu na wo be: \"Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o.\" (Luka 21:20, 21) Ðe Yesu ƒe nyawo va emea?\nWOTSRƆ̃ DUGà AÐE\nƑe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃ va yi, eye ekua dzi na Yudatɔwo be yewogakpɔtɔ le Romatɔwo ƒe ŋusẽ te. Gake le ƒe 66 K.Ŋ., esi Roma dziɖuɖumegã Gessius Florus si nɔ Yudea nutoa dzi kpɔm fi ga le gbedoxɔ kɔkɔea ƒe nudzraɖoƒea la, eho dzi na Yudatɔwo, eglo wo azɔ. Eya ta Yudatɔwo tso ɖe Roma-srafo siwo le Yerusalem dua me la ŋu hewu woƒe asrafoha ɖeka, eye wogblɔ be yewomegale Roma dziɖuɖua te o.\nAnɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, Roma-srafo siwo wu 30,000 si Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na la ho ɖe Yerusalem ŋu be yewoatsi aglãdzedzea nu. Roma-srafoawo ge ɖe dua me, eye wote gbedoxɔa ƒe gliawo te kuku be yewoage ɖe eme. Gake kasia wodzudzɔ eye wotrɔ dzo. Dzi dzɔ Yudatɔ aglãdzelawo eye woti wo yome. Esi aʋawɔlawo katã do le dua me la, Kristotɔ siwo di be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi la, si le Yerusalem yi towo dzi le Yordan Tɔsisia godo.—Mateo 24:15, 16.\nLe ƒe si kplɔe ɖo me la, Roma-ʋafia Vespasian kple via, Titus gbugbɔ ho aʋa ɖe Yudea ŋu. Ke hã esi Fiagã Nero ku le ƒe 68 K.Ŋ. la, Vespasian trɔ yi Roma be yeaxɔ fiazia, eye wogblẽ aʋa si woho ɖe Yuda ŋu la ɖe via Titus kple asrafo 60,000 la si me.\nLe June ƒe 70 K.Ŋ. la, Titus ɖe gbe na eƒe asrafowo be woalã ati siwo katã le Yudea nutowo me, eye woakpa enu biɖoebiɖoe atsɔ atɔ kpɔ si ƒe didime nye kilometa 7 ƒo xlã Yerusalem. Kaka September naɖo la, Romatɔwo ha dua me nuwo eye wotɔ dzo dua kple gbedoxɔa eye womegblẽ kpe aɖeke ɖe kpe dzi o, abe ale si tututu Yesu gblɔe ɖi do ŋgɔ ene. (Luka 19:43, 44) Le akɔntabubu aɖe ƒe nya nua, \"ame siwo ade 500,000 sɔŋ ye ku le Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe me.\"\nFIA AÐE ƑE AƲADZIÐUÐU\nLe ƒe 71 K.Ŋ. la, Titus trɔ yi Italy eye Romatɔwo do bibibi ɖe eŋu. Dua me tɔwo katã ɖu aʋadziɖuɖu ƒe azã gã si tɔgbi womeɖu kpɔ o la le dugãa me.\nKesinɔnu gbogbo siwo wolɔ yi Roma la kpɔkpɔ wɔ nuku na wo ale gbegbe. Tɔdziʋu siwo woxɔ, Gbedoxɔmenu gbogbo siwo wolɔ le aʋaa me tso Yerusalem va dua me siwo wokpɔ la na woƒe nu ku.\nTitus va zu fiagã ɖe fofoa Vespasian teƒe le ƒe 79 K.Ŋ. Gake le ƒe eve pɛ ko megbe la, Titus ku kpata. Nɔviaŋutsu Domitian, va xɔ ɖe eteƒe eye wòɖi aʋadziɖuɖu ƒe ŋkuɖodzikpe be woatsɔ ade bubu Titus ŋu.\nNU SI ŊKUÐODZIKPEA FIA EGBEA\nEgbea Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpea wɔa nuku na ame akpe gbogbo siwo ɖia tsa yia Rome. Ame aɖewo bua ŋkuɖodzikpea be enye nu ɖedzesi, ame bubuwo bunɛ be enye Roma dziɖuɖua ƒe bubu, eye ame bubuwo hã bunɛ be enye nu si ɖoa ŋku Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ si wogbã la dzi.\nKe hã ame siwo xlẽa Biblia eye wodea dzesi nuwo ya bua Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpea be ewɔa nu bubu aɖe kura. Eɖo kpe edzi numaƒomaƒoe be Biblia me nyagblɔɖiwo nye nu si dzi woate ŋu aka ɖo, wode pɛpɛpɛ eye be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo wogblɔ nyawo ɖi.—2 Petro 1:19-21.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2018-may-jun\/titus-%C6%92e-%C5%8Bku%C9%96odzikpe-nyagbl%C9%94%C9%96i-de-p%C9%9Bp%C9%9Bp%C9%9B\/","date":"2020-08-06T11:42:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439736902.24\/warc\/CC-MAIN-20200806091418-20200806121418-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993122816,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993122816085815}","num_words":973,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anyigba Kple Teƒe Siwo Le Biblia Me\nNu ka tae woyɔ blema dugã Niniwe be \"hlɔ̃dodu\" ɖo? Nu ka tae blema Yudatɔwo tɔa kpɔ ɖe woƒe xɔwo tame?\nBibliamemewo\nNya kae agbalẽnyala siwo li egbea kple esiwo nɔ anyi le blema gblɔ tso nya sia ŋu?\nXlẽ nu tso Nyanyuigbalẽawo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ la ŋu.\nƑe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Josephus ka ɖe edzi be Yohanes Amenyrɔɖetsimela nye ame si nɔ anyi kpɔ vavã. Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi.\nÐeklemiɖela aɖewo gblɔ be nya siwo Biblia gblɔ tso Israel Fia David ŋu la nye ŋutinya kpakpa. Gake nu ka ŋue tomenukulawo va ke ɖo?\nÐewohĩ mènya ame si Tatenai nye o, ke hã nu si ŋu tomenukulawo ke ɖo si yɔ eƒe ŋkɔ la ɖo kpe nu vevi aɖe dzi.\nAnyize aɖe si xɔ ƒe 3,000, si ƒe kakɛwo ŋu woke ɖo le to me le ƒe 2012 me la va nye nu si ŋu numekulawo trɔ woƒe susu ɖo vevie. Nu kae ɖe dzesi le nu si ŋu woke ɖo la ŋu?\nAleke nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la ɖo kpe Belsazar si nɔ Babilon la ƒe ɖoƒe dzi?\nAme kae nye Kores, eye nyagblɔɖi ɖedzesi kae wogblɔ ɖi anɔ abe ƒe 150 ene do ŋgɔ na edzidzi?\nKpeɖodzi bubu kawoe ɖee fia be Israel-viwo nye kluviwo le Egipte kpɔ?\nMiriam ƒe amekukuƒuɖakavi la ɖee fia be Biblia ƒoa nu tso ame ŋutɔŋutɔ siwo tso ƒome ŋutɔŋutɔwo me ŋu.\nNu ka tae Yosef lũ ge hafi do ɖe Farao ŋkume? Esi woyɔ Timoteo fofo le Biblia me be \"Helatɔ\" la, ɖe wòfia be Hela ye wòtsoa?\nÐe blemaduwo nɔƒe ŋuti numekukuwo wɔ ɖeka kple Biblia me nyawoa? Ɣekaɣie dzatawo nu yi le anyigba siwo dzi woŋlɔ Biblia le dzi?\nBiblia Me Nudzɔdzɔwo\nNu kae nye Babel-mɔ la? Afi ka tututue nye amegbetɔwo ƒe gbewo dzɔtsoƒe?\nDid Christians flee from Judea before Jerusalem's destruction in 70 C.E.? Who were \"the sons of the prophets\"?\nAle Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me\nNu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo nyitsɔ laa la na míekpɔ ale si wowɔ akɔbli ŋu dɔe le Biblia ŋlɔɣiwo.\nWhat did women in Bible times use to enhance their beauty?\nYudatɔwo ƒe nuwɔna kae wɔe be Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nutàta ŋu?\nAmedzudzue wònye be Yesu ƒo nu tso ame siwo menye Yudatɔ o ŋu be wonye 'avuviwoa'?\nNu ka tae Yesu yɔ ame siwo dzraa lãwo le Yerusalem gbedoxɔa me be \"adzodalawo\"?\nŊusẽ ka gbegbee Roma dziɖuɖua na Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me? Eye le blema la, ɖe wòdzɔna ŋutɔŋutɔ be ame aɖe nawu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe ame bubu ƒe agble mea?\nÐe Yudatɔwo \"tso dukɔ siwo katã le dziƒoa te\" la me yi Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi vavã? Teƒe kawoe ame akpe geɖe siwo yia Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la dzena?\nHow was Roman citizenship an advantage for the apostle Paul? How were shepherds paid in Bible times?\nNu ka tae Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe Yesu ƒe afɔwo? Ðe wòate ŋu anya wɔ be David nada akafokpe ɖeka atsɔ awu Goliat nyateƒea?\nNu kae aloe si amewo zã le Biblia ŋlɔɣiwo la nye? Vɔsanu kawoe woxɔna le gbedoxɔa me le Yerusalem?\nAleke wodzɔa nu le gbedoxɔa me le Yesu ƒe ɣeyiɣia me? Ðe Biblia ŋlɔla Luka nye ŋutinyaŋlɔla si ƒe nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/ale-si-biblia-de-p%C9%9Bp%C9%9Bp%C9%9B-le-%C5%8Butinya-gome\/","date":"2020-08-07T16:21:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737204.32\/warc\/CC-MAIN-20200807143225-20200807173225-00471.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979398251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979398250579834}","num_words":566,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃ woate ŋui. Biblia, si nye blemagbalẽ si me nunya yɔ fũu, la ɖoa agbemebiabia veviwo ŋu eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ ahase le ɖokuiwò me be yele dedie. Kpɔ nyabiase siwo ŋu wòɖo la dometɔ aɖewo ɖa.\nÐe Wɔla aɖe lia? Biblia gblɔ be Mawue \"wɔ nuwo katã.\" (Nyaɖeɖefia 4:11) Esi Mawu nye mía Wɔla ta la enya nu siwo míehiã be míase vivi na agbea ahakpɔ dzidzeme.\nÐe Mawu tsɔa ɖe le eme nama? Le esi míanɔ Mawu bum be enye ame si ɖe eɖokui ɖe aga sãa tso míagbɔ teƒe la, Biblia gblɔ na mí be: \"Mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.\" (Dɔwɔwɔwo 17:27) Etsɔ ɖe le nu siwo dzɔna ɖe dziwò la me vevie eye wòdina be yeakpe ɖe ŋuwò nakpɔ dzidzedze le agbe me.—Yesaya 48:17, 18; 1 Petro 5:7.\nNu ka tae Mawu nyanya akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ? Ðe Mawu wɔ mí be míatsi dzi ɖe \"gbɔgbɔmenuwo,\" si fia didi si le mía me be míase nu si tae Mawu wɔ mí ɖo la gɔme ŋu. (Matthew 5:3) Nu si gbɔgbɔmenu siawo fia la dometɔ aɖee nye didi si le mía me be míanya mía Wɔla ale be míadze xɔlɔ̃e. Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si nàdze be yeadze sii, elabena Biblia gblɔ: \"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.\"—Yakobo 4:8.\nAme miliɔn geɖe va kpɔe be xɔlɔ̃dzedze Mawu na yewoƒe agbe va ɖɔ ʋu eye wònana wonyana nu si woawɔ be agbea nadze edzi na wo. Ne ènya Mawu la mefia be èvo tso kuxiwo me o gake eƒe nunya si dze le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò\nNàkpɔ dzidzɔ le wò ƒomegbenɔnɔ me.\nŊutifafa nanɔ wò kple ame bubuwo dome.\nSubɔsubɔha siwo zãa Biblia la dometɔ geɖe menɔa agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, subɔsubɔha vavã me tɔwo ya wɔna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi pɛpɛpɛ, eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya Mawu nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/agbe-%C9%96%C9%94%CA%8Bu\/","date":"2020-08-04T12:30:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735867.93\/warc\/CC-MAIN-20200804102630-20200804132630-00215.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979891181,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979891180992126}","num_words":325,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dukplɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ Alhaji Dr Mahamudu Bawumia adze eƒe nukeke ɖeka tsadidi gɔme le Amuga nutome ku ɖe Ramadan nublabla si dze egɔme le dukɔ me.\nLe tsaɖiɖia mea, Dr. Bawumia ado go ahaɖo dze kple Muslimtɔwo le Amuga nutoa ƒe akpa aɖewo ku ɖe woƒe ŋkeke blaetɔ̃ nubabla si dze egɔme le Yawoɖa si vayia gbe.\nDr Bawumia adze eƒe tsaɖiɖia gɔme tso Ketu Nyiehe Nutoa me afi si woawɔ ɖeka kple Muslimtɔwo le hena woƒe ŋudɔ gbedodoɖa, Zuhr le Aflao Central Mosque.\nKe ayi dzi tso afi ma age ɖe Ho Nutoa me agawɔ ɖeka kpliwo le Asr gbedodoɖa me le Ho Central Mosque.\nDukplɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ awu tsaɖiɖia nu le Hohoe le esime woawɔ ɖeka kple Muslim ha bliboa le nubabla nuwuwu gbedodoɖa me.\nAmuga Nutome Dzikpɔla Dr Letsa anɔ ŋgɔgbe na Dr Bawumia le eƒe tsaɖiɖia me.\nEŋlɔla: Bernice Bubune\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/2018\/05\/19\/duk%C9%94kl%C9%94la-%C6%92e-kpe%C9%96ent%C9%94-dze-ramadan-tsa%C9%96i%C9%96i-g%C9%94me-le-amuga-nutoa-me\/","date":"2020-09-20T00:48:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400193087.0\/warc\/CC-MAIN-20200920000137-20200920030137-00560.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987076521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99870765209198}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Miele aseye tsom le esia ta, togbɔ be ne ehiã la, tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na mi fifia vie hã.\"—1 Petro 1:6\nAleke kee mieɖadze agbagba be yewoƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔe o, nanewo ate ŋu adzɔ le vo me siwo ana be dzidzɔkpɔkpɔ nabu ɖe mi. (Nyagblɔla 9:11) Mawu naa kpekpeɖeŋu mí lɔlɔ̃tɔe ne míeɖo xaxawo me. Ne miewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siawo dzi la, wò kple wò ƒomea miate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã nu.\n1 MIÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: 'Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.' (1 Petro 5:7) Nenɔ susu me na mi ɣesiaɣi be menye Mawu gbɔe miaƒe fukpekpewo tsona o. (Yakobo 1:13) Ne miete ɖe Mawu ŋu la, akpe ɖe mia ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. (Yesaya 41:10) \"Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.\"\nMiakpɔ akɔfafa ne miexlẽa Biblia eye miesrɔ̃a emenyawo gbe sia gbe. Miava kpɔe be Yehowa \"faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.\" (2 Korintotɔwo 1:3, 4; Romatɔwo 15:4) Edo ŋugbe be yeana \"Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta\" la mí.\nNU SI MIATE ŊU AWƆ:\nMido gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe mia ŋu miaƒe susu me nadze akɔ anyi ale be miabu nuwo ŋu nyuie\nMida tiatia vovovowo kpɔ ne miawɔ tiatia nyuitɔ\n2 LÉ BE NA ÐOKUIWÒ KPLE WÒ ƑOMEA\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.\" (Lododowo 18:15) Ku nyawo me nyuie. Dze agbagba nànya nu si me ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe tsɔ ɖe le. Ðo dze kpli wo. Lé to ɖe woƒe nyawo ŋu.\nKe ne wò ame vevi aɖee ku ya ɖe? Ðe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me fia faa. Ðo ŋku edzi be Yesu gɔ̃ hã fa avi. (Yohanes 11:35; Nyagblɔla 3:4) Alɔ̃dɔdɔ nyuie kple ɖiɖiɖeme le vevie. (Nyagblɔla 4:6) Esia ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ:\nHafi nya vɔ̃ aɖe nadzɔ la, nenye numame na wò be nanɔ dze ɖom kple wò ƒomea me tɔwo. Esia awɔe be ne kuxiwo do mo ɖa la, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo dze tso eŋu kpli wò\nÐo dze kple ame bubu siwo hã to nɔnɔme sia tɔgbi me kpɔ\n3 NA WOAKPE ÐE ŊUWÒ\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.\" (Lododowo 17:17) Xɔ̃wòwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò, gake ate ŋu adzɔ be womanya nu si tututu woawɔ o. Gblɔ kpekpeɖeŋu si tututu nèhiã la na wo. (Lododowo 12:25) Di kpekpeɖeŋu tso ame siwo se Biblia gɔme nyuie hã gbɔ. Biblia me mɔfiame siwo woana wò la aɖe vi na wò.\nÀkpɔ kpekpeɖeŋu siwo nèhiã ne èdea ha edziedzi kple ame siwo xɔ Mawu dzi se vavã eye woɖoa ŋu ɖe eƒe ŋugbedodowo ŋu. Wò dzi hã adze eme ale gbegbe ne èkpena ɖe ame siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu. Gblɔ ale si nèxɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se la na wo. Do vevie nu nàkpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu eye mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso ame siwo lɔ̃ wò hetsɔa ɖe le eme na wò la gbɔ o.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ:\nÐo dze kple xɔ̃wò vevi aɖe eye nàna wòakpe ɖe ŋuwò\nGblɔ nu si tututu nèhiã na xɔ̃wòa","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/ne-nya-v%C9%94%CC%83-a%C9%96e-dz%C9%94\/","date":"2020-09-22T14:01:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400206133.46\/warc\/CC-MAIN-20200922125920-20200922155920-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973213673,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997321367263794}","num_words":553,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nAƒetɔ, nye luʋɔ dzɔ dzi,\nEye makafu wò.\nNy'a-ɖe kple nye dzi le ha dzim,\nLe wò dɔmenyo ta.\nStanza 2\nWò ŋkɔ nye amenuvela!\nWòe wɔa nu nyuiwo sɔŋ.\nÈkpɔa mía ta zã kple keli;\nMèdzudzɔna kpɔ o.\nStanza 3\nNu siwo katã le mía si\nKple nu si míenye hã,\nÐe menye wòe na wo mí oa?\nMía Fofo lɔlɔ̃tɔ?\nStanza 4\nAme kae wɔ dziƒo godoo,\nAme kae naa zãmu,\nAgbafie kple tsi hã dzana\nÐe míaƒ'a-nyigba dzi?\nStanza 5\nAme kae naa ɣe la klẽna?\nAme kae naa ɣleti,\nKple ɣletiviwo hã ɖina?\nWò Mawu gã la koe!\nStanza 6\nAme ka gɔ̃e na agbe mí,\nNa mía du me fana?\nAloo menye wò Mawu gã,\nSi nye Fofo la oa?\nStanza 7\nWòe dzɔa mía xɔwo ŋu na mí,\nBena míanɔ dedie.\nWòe naa mía nuɖuɖu hã mí\nKple nu nyui geɖewo.\nStanza 8\nWòe kpɔa mía dzi le fuwo me\n'Ye nèɖea mí le me.\nNa wò ŋku nanɔ mía dzi ɖaa\nKple amenuveve.\nStanza 9\nNu vɔ̃ wɔlawo ko mìenye;\nWòe gbɔ dzi ɖi na mí.\nNe míetrɔ tso nu vɔ̃ me la,\nÈtsɔa wo kea mí faa.\nStanza 10\nNe dzika tso mía ƒo vevie\nLe mía nu vɔ̃ ŋuti,\nWò dɔme trɔna ɖe mía ŋu,\n'Ye nèfaa 'kɔ na mí.\nStanza 11\nWòe naa dziƒonu nyuiwo mí;\nNe míedzo l'a-fi la,\nÈxɔa mí yi ɖe dziƒo ʋĩ,\nAfi si míanɔ ɖaa.\nStanza 12\nMakpɔ dzidzɔ 'ye madzi ha,\nBe malè dzi ɖe ƒo!\nMawu, nuwo katã ƒe ta,\nŊutɔ nye mía Fofo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-39\/","date":"2021-03-04T01:03:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178367949.58\/warc\/CC-MAIN-20210303230849-20210304020849-00571.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953839183,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953839182853699}","num_words":251,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Si fia tata si me nyatia dze le\nGBETAKPƆXƆ TATA SI MÍESRƆ̃NA\nAGBEMEŊUTINYAWO\nHehe Si Mexɔ Le Ðevime La Kpe Ðe Ŋunye Metse Ku Geɖe (W. Mills), Feb.\nMíeke Ðe \"Dzonu Xɔasi\" La Ŋu (W. kple P. Payne), Apr.\nYehowa Yram Wu Ale Si Mesusui (M. Tonak), July\nBIBLIA\nWoxlẽ Blemagbalẽ Xatsaxatsa Aɖe Si Womate Ŋu Ake Bɔbɔe O, June\nKRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ KPLE NƆNƆMEWO\nEƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm (Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa), Aug.\nXɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu, Aug.\n\"Mida Akpe Ðe Nu Sia Nu Ta,\" Dec.\nNyuiwɔwɔ—Ale Si Nàwɔ Asrɔ̃ Nɔnɔme Nyui Sia, Mar.\nNUSƆSRƆ̃NYATIAWO\nAkɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime, May\nAleke Gbegbee Nènya Yehowae? Dec.\nAleke Nàwɔ Adzɔ Wò Dzi Ŋu? Jan.\nAle Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpena Ðe Mía Ŋu, Nov.\nAle Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me, May\nAle Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me O Ƒe Dzi Gbɔ, July\nAle Si Mose Ƒe Sea Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Dzɔdzɔenyenye Fia, Feb.\nAle Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔdeasi Yeyea Me, Aug.\nAle Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Ðea Dzesi Le Kristo Hamea Me, May\nAme Ka Ƒomevie Yehowa Ana Nàva Zu? Oct.\n\"Ame Siwo Ðoa To Wò\" La Akpɔ Agbe, Aug.\nArmagedon—Nu Nyui Aɖee Wònye! Sept.\nDze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava, Nov.\nDze Agbagba Nàsrɔ̃ Tufafa, Eye Wò Nu Adze Yehowa Ŋu, Feb.\nDzilawo—Mina Hehe Mia Viwo Be Woalɔ̃ Yehowa, Dec.\nDzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu, July\nÐe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea? Apr.\nÐo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Èle Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom, June\nÐo To Yehowa Ƒe Gbe, Mar.\nÈle Be Lém Na Wò \"Xɔse Ƒe Akpoxɔnu Gã\" La? Nov.\nƑo Asa Na Kukɔnu Siwo Mewɔ Ðeka Kple Ŋɔŋlɔawo O, Apr.\n\"Ɣeyiɣi Li Na\" Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme, Dec.\nKpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Xaxawo Me, June\n\"Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe,\" Sept.\nLé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi! Feb.\nLɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu, Apr.\nMègana \"Xexe Sia Me Nunya\" Naflu Wò O, May\n\"Mègatsi Dzi O, Elabena Nyee Nye Wò Mawu,\" Jan.\n\"Míenaa Ta O\"! Aug.\n\"Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo,\" July\nMikafu Yehowa Le Hamea Me, Jan.\n'Mikpɔ Nyuie Be Ame Aɖeke Nagaɖe Aboyo Mi O'! June\nMina Miaƒe Lɔlɔ̃ Nanɔ Dzidzim Ðe Edzi, Aug.\n\"Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi,\" Sept.\nMu Tamebubu Siwo Xea Mɔ Ðe Mawu Ŋuti Sidzedze Nu La Ƒu Anyi! June\nNa Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi! May\nNu Kae Xe Mɔ Na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ? Mar.\nNu Ka Tae Nàlɔ̃ Faa Abɔbɔ Ðokuiwò Na Yehowa, Eye Aleke Nàwɔe? Sept.\nNu Ka Tae Wòle Be Míaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia? Feb.\nNu Si Míaƒe Kpekpeawo Dede Ðena Fiana Le Mía Ŋu, Jan.\nNu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me, Nov.\nNu Si Wɔna Bɔbɔe Aɖe Fia Mí Tso Fia Aɖe Si Le Dziƒo Ŋu, Jan.\nSe Veve Ðe Ame Nu, Mar.\nSe Veve Ðe Amewo Nu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me, Mar.\nSrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋua Be Nànɔ Ŋutifafa Me, Apr.\nSubɔ Yehowa Bliboe, Oct.\nTsɔ Dzo Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Le \"Ŋkeke Mamlɛawo\" Ƒe Nuwuɣi La Me, Oct.\n'Wu Nu Si Gɔme Nèdze La Nu,' Nov.\nYehowa Dea Asixɔxɔ Esubɔla Siwo Bɔbɔ Wo Ðokuiwo La Ŋu, Sept.\nYehowa Naa Ablɔɖe Wò, Dec.\nYi Edzi Nànɔ Yehowa Subɔm Ne Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi, July\nYi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Le \"Xaxa Gã\" La Me, Oct.\nNYA BUBUWO\nAfi Kae Ƒuƒoƒe Siwo Me Yudatɔwo Kpena Le Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me La Dzɔ Tso?, Feb.\nAle Si Nàkpɔ Ðokuiwò Ta Be Satana Ƒe Mɔ̃ Vɔ̃ɖi Aɖe Nagaɖe Wò O (amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ), June\nLe Biblia-ŋlɔɣiwo La, Dɔ Kae Aƒedzikpɔla Wɔna?, Nov.\nLe Blema La, Aleke Mɔzɔla Wɔa Ðoɖo Ðe Ƒudzimɔzɔzɔ Ŋu?, Apr.\nNYABIABIA SIWO TSO EXLẼLAWO GBƆ\nYEHOWA\nYEHOWA ÐASEFOWO\nYESU KRISTO\nÐe Yesu Ku Ðe Nye Hã Tanyea? July\nGBETAKPƆXƆ TATA SI MÍEMANA","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2019\/nyawo-di%C6%92e-2019\/","date":"2021-03-09T11:09:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178389798.91\/warc\/CC-MAIN-20210309092230-20210309122230-00367.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960370064,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960370063781738}","num_words":676,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, maku o la, ɖe Satana di be Xawa nasusui be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, abe ale si ame geɖewo xɔe se egbea enea?\nEdze ƒãa be menye nenemae o. Abosam megblɔ na Xawa be ne eɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo ƒe kutsetse la, eƒe ŋutilã koe aku gake nane si womekpɔna o si le eme (si ame aɖewo yɔna egbea be luʋɔ makumaku) la ayi edzi anɔ agbe le teƒe bubu aɖe o. Ke boŋ, esi Satana ƒo nu na Xawa to daa dzi la, egblɔ na Xawa be ne eɖu ati ma ƒe kutsetse la, 'mele kuku ge akpɔ gbeɖe o.' Nu si wòwɔnɛ ye nye be Xawa ayi edzi anɔ agbe si de ŋgɔ wu, eye mahiã be wòanɔ Mawu ƒe kpɔkplɔ te o.—1 Mose 2:17; 3:3-5.\nNe menye Eden-bɔa mee luʋɔ makumaku ƒe nufiafia si bɔ egbea la dzɔ tso o la, ke afi kae wòdzɔ tso? Míate ŋu agblɔe kaŋ o. Gake míenya be woɖe alakpasubɔsubɔ katã ɖa le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. Esi wònye be Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me, eye wo katã wosubɔa Mawu le mɔ si sɔ nu ta la, ame aɖeke menɔ alakpanuwo fiam ɣemaɣi o.\nEya ta, anɔ eme be, Tsiɖɔɖɔa megbe ye luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa dze egɔme. Ðikeke mele eme o be, esime Mawu tɔtɔ gbe na amewo le Babel eye amewo ka hlẽ \"ɖe anyigba blibo la katã dzi\" la, nuŋububu si nye be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔwo me la nɔ susu me na wo wotsɔ dzoe. (1 Mose 11:8, 9) Ɣeyiɣi ka ke mee aʋatsodzixɔse sia ɖadze egɔme o, míate ŋu aka ɖe edzi be Satana Abosam, si nye \"aʋatsokafofo\" lae le megbe na nufiafia sia, eye edo dzidzɔ nɛ ŋutɔ be nufiafia sia kaka ɖe xexea me.—Yoh. 8:44.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2019\/%C9%96e-satana-do-makumakunyenye-%C5%8Bugbe-xawa\/","date":"2021-03-09T10:36:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178389798.91\/warc\/CC-MAIN-20210309092230-20210309122230-00051.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991376996,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991376996040344}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nEgbɔna hee, mía fia, si tso dziƒo ke\nÐi va mía gbɔ ɖe anyigba sia dzi.\nMina míatsɔ deʋaya kpl' atilɔwo,\nMiɖo avɔwo ɖe 'ƒe mɔ la dzi!\nEgbɔna hee, eva bɔbɔ eɖokui\nÐe xexeme nuvɔ̃wo katã te.\nEƒe agbe wòtsɔ hena ɖe mía ta\nBene míagaku ɖe nuvɔ̃ me o.\nStanza 2\nEgbɔna hee kple ɖokuibɔbɔ gãa ɖe;\nEya nɔ Mawu ƒe zikpkui dzi tsã;\nEle didim be, yeava nɔ mía dzi me,\nEye wòatsɔ fiaɖuƒe la na mí.\nMina mí katã míaxɔ míaƒe fia la,\nBene wòaɖe mí le nuvɔwo me,\nAkɔ mía ŋu, míazu ame kɔkɔewo\nHena eƒe dziƒofiaduƒe la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-59\/","date":"2021-03-06T05:32:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178374391.90\/warc\/CC-MAIN-20210306035529-20210306065529-00573.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983992577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983992576599121}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 155\nStanza 1\nNɔviwo, miƒã ku nyuiwo\nZi ale si nudoɣi li!\nMiwɔ dɔ le Yesu ŋkɔ me,\nVa se ɖe si wòagava!\nEkema míadzi nuŋeyihawo,\nEye míatsɔ nu ƒoƒuwo vɛ nɛ.\nStanza 2\nFifia enye dɔwɔwɔɣi,\nMíele agbagba dzem vevie.\nNe Yesu ana be, viawo\nAkpe fu afi sia hã,\nWoakpe fu la kpakple dzideƒo ko,\nElabe dzidzɔ mavɔ le wo ŋgɔ.\nStanza 3\nDzidzɔ mavɔ ma le dziƒo,\nSi madze na mí hafi o;\nNegbe ɖe ko míewɔ nya ma,\nSi Yesu gblɔ la, hã dzi:\nEsia nye nye nuɖuɖu nyuitɔ la,\nBe mawɔ Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-155\/","date":"2021-04-21T05:52:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00626.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990426302,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990426301956177}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nNyɔnyrɔxɔxɔ fia be woade ame tsi me wòabu ɖe tsia me eye woagafɔe tso tsia me. * Esia tae wonyrɔ Yesu ɖe tɔsisi me ɖo. (Mateo 3:13, 16) Nenema kee esi Etiopia ŋutsu aɖe va \"ɖo tsi aɖe gbɔ\" la, ebia be woanyrɔ ye.—Dɔwɔwɔwo 8:36-40.\nGɔmesese si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu\nBiblia tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ sɔ kple ame ɖiɖi. (Romatɔwo 6:4; Kolosetɔwo 2:12) Ne wonyrɔ ame aɖe ɖe tsi me la, efia be amea ku le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ gome eye wòdze agbe yeye gɔme abe Kristotɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu ene. Nyɔnyrɔxɔxɔ kple afɔɖeɖe siwo doa ŋgɔ nɛ la nye ɖoɖo siwo Mawu wɔ be dzitsinya nyui nasu ame siwo xɔ Yesu Kristo ƒe vɔsa dzi se la si. (1 Petro 3:21) Eya ta Yesu fia nu eyomedzelawo be ele be woaxɔ nyɔnyrɔ.—Mateo 28:19, 20.\nÐe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me klɔa ame ƒe nu vɔ̃wo ɖa?\nAo. Biblia fia nu be Yesu ƒe ʋu koe ate ŋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa. (Romatɔwo 5:8, 9; 1 Yohanes 1:7) Gake hafi Yesu ƒe vɔsaa naɖe vi na ame aɖe la, ele be wòaxɔ Yesu dzi se, wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafiawo, eye wòaxɔ nyɔnyrɔ.—Dɔwɔwɔwo 2:38; 3:19.\nNu kae nye mawutsideta?\nNya mawutsideta medze le Biblia me le gbegbɔgblɔ gbãtɔ me o. Enye wɔna aɖe si me wodea tsi ta na vidzĩ le (wowua tsi ɖe eƒe ta dzi loo alo kɔa tsi ɖe ta me nɛ) hetsɔa ŋkɔ nɛ.\nÐe Biblia fia nu be woana nyɔnyrɔ vidzĩwoa?\nAo. Ame siwo tsi ase \"Mawu Fiaɖuƒe . . . ŋuti nya nyuia\" gɔme ahaxɔ edzi se la koe ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔwo. (Dɔwɔwɔwo 8:12) Esia do ƒome kple Mawu ƒe nyaa sese, edzi wɔwɔ kple dzimetɔtrɔ—vidzĩwo mate ŋu aɖe afɔ siawo o.—Dɔwɔwɔwo 2:22, 38, 41.\nAzɔ hã, Biblia na míenya be Mawu bua Kristotɔwo ƒe vi siwo metsi haɖe o be wole kɔkɔe le esi wo dzilawo wɔa nuteƒe na Mawu ta. (1 Korintotɔwo 7:14) Ne ɖe wòsɔ be woana nyɔnyrɔ vidzĩwo la, magahiã be woabu wo be wole kɔkɔe le ame aɖe ƒe nuteƒewɔwɔ ta o. *\nSusu totro siwo le amewo si ku ɖe Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu\nNyateƒea: Menye nyɔnyrɔxɔxɔ ŋue Yesu nɔ ƒom tsoe hafi gblɔ nya mawo o. Nu si koŋ eƒe nyawo fiae nye be ele be ame siwo adze na Mawu Fiaɖuƒea la nanɔ abe ɖevi suewo ene—woabɔbɔ wo ɖokuiwo eye woalɔ̃ faa woafia nu wo.—Mateo 18:4; Luka 18:16, 17.\n^ mm. 3 Helagbe me nya si me woɖe nya \"nyɔnyrɔxɔxɔ\" tsoe la fia be \"woade nane tsi me.\" Kpɔ nyagɔmeɖegbalẽ si nye Theological Dictionary of the New Testament, Babla I, axa 529.\n^ mm. 12 Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, \"nyɔnyrɔnana vidzĩwo ƒe nya aɖeke medze le Nubabla Yeyea me o.\" Egblɔ hã be \"susu totro si le amewo si ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu,\" si nye be eklɔa nu vɔ̃ le ame ŋu, koŋue na wova dze nyɔnyrɔnana vidzĩwo.—The International Standard Bible Encyclopedia Babla 1, axa 416-417.\n^ mm. 15 Wogblɔ le Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe ƒe tanya si nye \"Nya Si Biblia Gblɔ Tso Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu\" te be: \"Edze ƒãa be le Sɔlemeha gbãtɔ me la, menye ɖe wode tsi ta na amewo o, ɖe wonyrɔ wo ɖe tsi me boŋ.\"—New Catholic Encyclopedia Babla 2, axa 59.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nu-kae-nye-ny%C9%94nyr%C9%94x%C9%94x%C9%94\/","date":"2021-05-07T08:06:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961996675,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961996674537659}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukatae Wotsrɔ̃ Blema Xexeame?\nMENYE dzɔdzɔmefɔkue xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔa nye o. Enye ʋɔnudɔdrɔ̃ si tso Mawu gbɔ. Wona nuxlɔ̃ame, gake ame akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu edzi. Nukatae? Yesu ɖe eme be: \"Le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.\"—Mateo 24:38, 39.\nŊkuʋuʋu aɖe si Kpɔ Dzidzedze\nLe go aɖewo me la, ŋkuʋuʋu si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa dze edzi le nu vovovo aɖewo gome, siwo mele mía si egbea o. Le kpɔɖeŋu me, ameƒomea katã do gbegbɔgblɔ ɖeka. (Mose I, 11:1) Esia ate ŋu ana woawɔ ŋgɔyiyi geɖe le aɖaŋudɔwo kple dzɔdzɔmeŋutinunyawo me si abia ame geɖewo ƒe agbagbadzedze kple woƒe aɖaŋu vovovoawo tsɔtsɔ ƒo ƒui. Azɔ hã, agbe didi si ame akpa gãtɔ nɔ ɣemaɣi fia be woate ŋu ayi edzi atu nusiwo wosrɔ̃ le ƒe alafa siwo va nɔ yiyim me la ɖe edzi.\nAme aɖewo gblɔ be menye ɖe agbe si amewo nɔ ɣemaɣi la didi nenema gbegbe o eye be ɣletiwoe ƒe siwo woyɔ le Biblia me nuŋlɔɖiawo me la nye. Ðe ema nye nyateƒea? De ŋugble le Mahalalel ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: \"Esi Mahalalel xɔ ƒe blaade vɔ atɔ̃ la, edzi Yered. . . . Mahalalel ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa enyi kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye wòku.\" (Mose I, 5:15-17) Ne ƒe ɖeka fia ɣleti ɖeka la, ke ƒe atɔ̃ koe Mahalalel xɔ esime wòdzi viŋutsuvi! Kpao, amesiwo nɔ agbe ɣemaɣi te ɖe blibodede si nɔ ŋutsu gbãtɔ, Adam, si la ŋu. Wonɔ agbe ƒe alafawo ŋutɔŋutɔ. Nukawoe wote ŋu wɔ?\nƑe alafa geɖewo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, anyigbadzinɔlawo va sɔ gbɔ ale gbegbe be Adam viŋutsu Kain te ŋu tso du, si wòna ŋkɔe be Henox. (Mose I, 4:17) Le ƒe siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me la, woɖo dɔ vovovowo wɔƒewo. 'Dɔwɔnu ɖesiaɖe si wotsɔa akɔbli kple gayibɔ tunɛ la' tuƒewo nɔ anyi. (Mose I, 4:22) Ðikeke mele eme o be wozã dɔwɔnu siawo le xɔtutu, atikpakpa, nutɔtɔ, kple agbledede me. Woyɔ dɔ siawo katã le anyigbadzinɔla gbãtɔwo ŋuti nuŋlɔɖiwo me.\nSidzedze gbogbo si wotu ɖoe anya wɔe be wònɔ bɔbɔe na dzidzime siwo kplɔe ɖo be wobi ɖe gakpoŋutinunya, nukugbledede, alẽwo kple nyihawo nyinyi, nuŋɔŋlɔ, kple nutata me. Le kpɔɖeŋu me, Yubal \"nye saŋkuƒolawo kple dzekulawo fofo.\" (Mose I, 4:21) Ŋkuʋuʋua de ŋgɔ ŋutɔ. Gake nusianu va nuwuwu zi ɖeka le vome. Nukae dzɔ?\nNukae Gbɔe Wòtso?\nTogbɔ be nuwo dze edzi na amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa hã la, nuwo dze egɔme le mɔ gbegblẽ nu. Ameƒomea gɔmeɖoanyila, Adam, nye aglãdzela ɖe Mawu ŋu. Kain, si nye du gbãtɔ tsola la, wu eya ŋutɔ nɔviaŋutsu. Eyata mewɔ nuku o be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ɖe edzi kabakaba! Domenyinu gbegblẽ si Adam gblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwo me tsonuwo nɔ dzidzim ɖe edzi.—Romatɔwo 5:12.\nEdze ƒã be nuwo va nɔ eme gbɔm esime Yehowa ɖoe be ƒe 120 koe yeaɖe mɔ le nɔnɔmea ŋu wòaganɔ anyi. (Mose I, 6:3) Biblia gblɔ be: \"Amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa. . . . Nuvlowɔwɔ xɔ anyigba la dzi.\"—Mose I, 6:5, 11.\nMlɔeba la, Mawu gblɔ na Noa kaŋ be yeatsrɔ̃ ŋutilãwo katã le tsiɖɔɖɔ aɖe me. (Mose I, 6:13, 17) Togbɔ be Noa va zu \"dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela\" hã la, edze ƒã be esesẽ na amewo be woaxɔe ase be nusianu si ƒo ɣla yewo la awu enu. (Petro II, 2:5) Ame enyi koe wɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi eye wokpɔ wo ta. (Petro I, 3:20) Nukatae nusia le vevie na mí egbea?\nGɔmesese Kae le Eŋu na Mí?\nMíele ɣeyiɣi siwo sɔ kple Noa tɔ me. Míesea ŋɔdzidonamelawo ƒe nuvlowɔwɔ dziŋɔwo, ameƒomevi aɖewo tsɔtrɔ̃, tudada ame gbogbo aɖewo le tameɖoɖo maɖɔʋu aɖe ko ta, kple ŋutasesẽnuwɔna wɔmoya siwo yia edzi le aƒeme ŋu nya geɖe. Ŋutasẽnuwɔwɔwo gaxɔ anyigba dzi ake, eye abe alesi wònɔ do ŋgɔ ene, wole nyanya nam xexeame ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe si gbɔna ŋu. Yesu ŋutɔ gblɔ be yeava abe Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu tia ene ava ma amewo me abe alesi alẽkplɔla maa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene. Yesu gblɔ be amesiwo medze o la \"[ayi] ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.\" (Mateo 25:31-33, 46) Gake Biblia gblɔ be le ɣeɣiɣi sia me la, ame miliɔn gbogbo aɖewoe atsi agbe—si nye ameha gã aɖe siwo subɔ Mawu vavã la. Le xexe si gbɔna me la, amesiawo ase agbe ƒe vivi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ si tɔgbe menɔ anyi kpɔ o me ɖaa.—Mixa 4:3, 4; Nyaɖeɖefia 7:9-17.\nAme geɖe ɖua fewu le Biblia me nya siawo kple ʋɔnudɔdrɔ̃a ŋuti nuxlɔ̃ame siwo fia be nya mawo nye nyateƒe la ŋu. Gake apostolo Petro gblɔ be fewuɖula mawo le aɖaba ŋem ƒu nyateƒenyawo dzi. Eŋlɔ be: \"Le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava . . . eye woagblɔ be: 'Afika eƒe anyinɔnɔ si ŋugbe wodo la le?' . . . Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu; nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wòtsrɔ̃. Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ la ƒe ŋkeke la dzi.\"—Petro II, 3:3-7.\nWole nuxlɔ̃ame si ku ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si gbɔna kple ŋutifafa si akplɔe ɖo la ŋuti nyanyui gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe wònye se si Yesu de le nyagblɔɖi me la dzi wɔwɔ. (Mateo 24:14) Mele be woabu nuxlɔ̃ame sia nu tsɛ o. Mawu ŋusẽkatãtɔ wɔna ɖe eƒe nya dzi.\nXexe si Gbɔna\nNe míebu tɔtrɔ vevi siwo gbɔna ŋu la, etsɔme kae li na ameƒomea? Yesu do ŋugbe le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa ƒe ŋgɔdonya me be: \"Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.\" Emegbe eyi edzi fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa na Mawu be: \"Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!\" (Mateo 5:5; 6:10) Ẽ, Yesu ŋutɔ fia nu be etsɔme wɔnuku aɖe le ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo lalam le anyigba sia dzi. Eyɔe be \"nuwo ƒe gbugbɔgadzi.\"—Mateo 19:28.\nEyata esi nèle ŋugble dem le etsɔme ŋu la, mègaɖe mɔ na fewuɖulawo be woana nàke ɖi Mawu ƒe nuxlɔ̃amea o. Nyateƒee wònye be xexe si me míele la adze abe nusi anɔ anyi ɖaa ene, eye egbegbe xexea li tso gbaɖegbe ke. Ke hã mele be míaɖo ŋu ɖe eŋu o. Wodrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea ƒe xexea va yi. Eyata na apostolo Petro ƒe lɛta ƒe nuwunyawo nade dzi ƒo na wò be:\n\"Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, . . . esi miele nusiawo lalam ŋuti la, mido vevie, bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me, . . . mitsi le mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me.\" (Petro II, 3:11, 12, 14, 18) Eyata srɔ̃ nu tso nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me la me. Te ɖe Mawu ŋu. Dzi Yesu Kristo ŋuti sidzedze ɖe edzi. Tu mawusosroɖa ɖo, eye nànɔ ame miliɔn geɖe siwo le tiatia wɔm be yewoatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu age ɖe ŋutifafa ƒe xexe si gbɔna me la dome.\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nWonya nu tso gakpo ŋuti dɔwo ŋu do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nXexe wɔnuku aɖe le ŋgɔ gbɔna","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020301\/Nukatae-Wotsr%C9%94%CC%83-Blema-Xexeame\/","date":"2021-05-18T20:26:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991514.63\/warc\/CC-MAIN-20210518191530-20210518221530-00461.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999358356,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993583559989929}","num_words":1244,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nEgbeŋkekeawo me Xɔsetakukulawo Ði Ðase le Sweden\nHELAGBE me nya si wozã na \"ɖaseɖiɖi\" enye martyr, eye eya mee woɖe Eŋlisigbe me nya \"martyr,\" si gɔmee nye \"amesi to eƒe ku me ɖi ɖase\" la tsoe. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ geɖe ɖi ɖase tso Yehowa ŋu to woƒe xɔsetaku me.\nNenema ke le ƒe alafa 20 lia me la, Ðasefo akpe geɖe ku le Hitler ƒe amewo si me le woƒe akpaɖekedzimademade le dunyahenyawo kple dulɔ̃nyawo me ta. Egbeŋkekeawo me xɔsetakukula siawo hã nye ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe. Nusiae dzɔ nyitsɔ laa le Sweden.\nLe Xexemeʋa II nuwuwu ƒe ƒezã 50 lia ɖuɖu me la, Sweden dziɖuɖua ɖoe be woana amewo nanya nu tso Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋuti le dukɔ bliboa me. Wona ŋkɔe be Ŋutinya si Le Agbe. Wokpe Yehowa Ðasefowo be woakpɔ gome le wɔnaa me ahagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo.\nÐasefoawo lɔ̃ ɖe amekpekpea dzi hewɔ eŋuti ɖeɖefia si wona ŋkɔe be Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me Tsila Siwo Woŋlɔ Be. Wodze egɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Strängnäs me. Ðasefo siwo tsi agbe le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me va gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na tsaɖila 8,400 kple edzivɔ siwo va le ŋkeke gbãtɔ dzi! Kaka ƒe 1999 nawu enu la, ɖeɖefia la dze le blemanudzraɖoƒe kple dukɔa ƒe agbalẽdzraɖoƒe siwo wu 100 le Sweden, eye ame 150,000 aɖewo kpɔe. Dziɖuɖumegã aɖewo nɔ tsaɖilaawo dome, eye woƒo nu nyui tso nusi wokpɔ la ŋu.\nYehowa Ðasefowo ƒe wɔna aɖeke mede du hedze amewo ŋu ŋutɔ alea gbegbe kpɔ le Sweden wu esia o. Tsaɖila geɖe bia be: \"Nukatae miegblɔ Ametsɔtsrɔ̃ Gãa me nuteƒekpɔkpɔ siwo le mia si ŋu nya na mí kpɔ o?\"\nLe ɖeɖefiaa megbe le nuto aɖe me la, hame aɖe bu Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe dzidziɖedzi 30 le alafa me ƒe akɔnta! Ðasefo aɖe kpe eƒe dɔwɔhati aɖe be wòava kpɔ ɖeɖefia la. Dɔwɔhatia xɔ amekpekpea kple dzidzɔ hekplɔ exɔlɔ̃ aɖe ɖe asi yi. Emegbe la, exɔlɔ̃a gblɔ be esesẽ na ye ŋutɔ be yease alesi xɔse sẽŋu sia tɔgbe te ŋu nɔ amewo si be wolɔ̃ wowu wo tsɔ wu be woade asi agbalẽ te aɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu la gɔme. Esia na wodzro nu me yi ŋgɔ, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.\nAbe wo hati ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ene la, ƒe alafa 20 lia me xɔsetakukula wɔnuteƒe siawo ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la, amesi wòdze be míato míaƒe xɔse sẽŋu kple nuteƒewɔwɔ dzi akafui.—Nyaɖeɖefia 4:11.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]\nCamp prisoner: Państwowe Muzeum Oświęcim-Brzezinka, courtesy of the USHMM Photo Archives","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020201\/Egbe%C5%8Bkekeawo-me-X%C9%94setakukulawo-%C3%90i-%C3%90ase-le-Sweden\/","date":"2021-05-07T06:08:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00351.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992589355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992589354515076}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukae akaɖi wɔnuku si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Shekina-kaɖi si dzena le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le blema Israel la fia?\nYehowa, Fofo lɔ̃ame si kpɔa eƒe amewo ta, na eƒe anyinɔnɔ le Israel-viwo dome dzena gaglã. Mɔ siwo dzi wòtona wɔa esia la dometɔ ɖeka enye to keklẽ sẽŋu aɖe si dzena le afisi wodea ta agu nɛ le la.\nAkaɖi ma si dzena nyuie lae ɖenɛ fiana be Yehowa si womekpɔna kple ŋku o la le wo dome. Akaɖi ma dzena le avɔgbadɔa kple gbedoxɔ si Salomo tu la ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Akaɖi wɔnuku ma mefia be Yehowa nɔ wo dome le ŋutilã me o. Mawu mate ŋu anɔ xɔ siwo amegbetɔwo tu kple asi me o. (Kronika II, 6:18; Dɔwɔwɔwo 17:24) Akaɖi wɔnuku sia si nɔa Mawu ƒe tadeaguƒea ate ŋu ana kakaɖedzi nasu nunɔlagãa si, eye eya hã naka ɖe edzi na Israel-viwo katã be Yehowa le yewo dome eye wòkpɔa yewo ta heléa be na yewo.\nLe Aramgbe si wova dona le Biblia ŋɔŋlɔ vɔ megbe me la, wova yɔ akaɖi sia be Shechinah (shekhi·nahʹ), nya sia gɔmee nye \"nusi li\" alo \"nɔƒe.\" Nya sia medze le Biblia me o, gake edze le Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Aramgbe me ƒe gɔmeɖeɖeawo me, wogayɔna gɔmeɖeɖe siawo hã be Targumwo.\nEsime Yehowa nɔ mɔfiame nam le alesi woatu avɔgbadɔa ŋu la, egblɔ na Mose be: \"Natsɔ nutsyɔnu la aɖo aɖaka la tame, ke natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me. Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.\" (Mose II, 25:21, 22) Nubablaɖaka si woyɔ la nye aɖaka aɖe si ŋu wofa sika ɖo si nɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Kerubi eve siwo wowɔ kple sika nɔ Aɖakaa ƒe nutsyɔnua dzi.\nAfikae Yehowa anɔ hafi aƒo nu? Yehowa ɖo nya ma ŋu esime wògblɔ na Mose be: \"Meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.\" (Mose III, 16:2) Alilikpo sia nɔa Nubablaɖakaa dzi le kerubi eve siwo wowɔ kple sika la dome. Biblia megblɔ alilikpoa ƒe kɔkɔme alo alesi wodidi tso kerubiawo gbɔ ŋu nya o.\nAlilikpo keklẽ sia nana Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea kɔna. Le nyateƒe me la, eya koe nye akaɖi si koŋ nɔa Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Akaɖi ma ate ŋu ana nunɔlagã la nakpɔ nu ne ege ɖe afima le Avuléŋkekea dzi. Yehowa ŋkumee wòdona ɖo.\nÐe gɔmesese aɖe le akaɖi wɔnuku sia ŋu na Kristotɔwoa? Apostolo Yohanes kpɔ du aɖe si me \"zã mado le\" o le ŋutega me. Du lae nye Yerusalem Yeye, si nye Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo wofɔ ɖe tsitre be woaɖu fia kple Yesu. Kpɔɖeŋudu sia ƒe kekeli metso ɣe alo ɣleti gbɔ o. Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna na habɔbɔ sia tẽ abe alesi ko Shekina-kaɖia nana Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe kɔna ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu Kristo, Alẽvi lae, nye dua ƒe \"akaɖi.\" Eye du sia nana eƒe gbɔgbɔmekekelia klẽna na amesiwo woɖe tso dukɔwo katã me le anyigba dzi henaa mɔfiame wo hã.—Nyaɖeɖefia 21:22-25.\nEsi yayra gbago siwo tso Mawu gbɔ sua Yehowa subɔlawo si ta la, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowae nye yewo Kplɔla si kpɔa yewo ta kple Fofo si melɔ̃a nu le yewo gbɔ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050815\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-05-18T21:06:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991514.63\/warc\/CC-MAIN-20210518191530-20210518221530-00383.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987543821,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987543821334839}","num_words":550,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae . . . o.—2 Tes. 2:3.\nSatana dzea agbagba be yeana amewo naganya ame si tututu Yehowa nye o. Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, ame aɖewo siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la va nɔ aʋatsonufiafiawo dom ɖe ŋgɔ. (Dɔw. 20:29, 30) Xɔsegbela siawo wɔe be amewo megava nya ame si tututu nye Mawu vavã la o. Le kpɔɖeŋu me, wodzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã le woƒe Bibliawo me hetsɔ ŋkɔnya bubuwo, abe \"Aƒetɔ\" ene, ɖo eteƒe. Esi woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa hetsɔ ŋkɔnya \"Aƒetɔ\" ɖo eteƒe la, wona wòva sesẽ na Biblia-xlẽlawo be woakpɔ ale si Yehowa to vovo na \"aƒetɔ\" bubu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe la adze sii. (1 Kor. 8:5) Azɔ hã, wozã ŋkɔnya \"Aƒetɔ\" na Yehowa kple Yesu siaa, si wɔe be, esesẽ na amewo be woase egɔme be Yehowa kple Via wonye ame vovovo eve eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖoƒe to vovo. (Yoh. 17:3) Tɔtɔ sia hã wɔe be wova to Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia, si metso Mawu ƒe Nyaa me o, la vɛ. Esiawo katã wɔe be, ame geɖe va bua Mawu be enye ame aɖe si gɔme womate ŋu ase o eye womate ŋu axɔ edzi ase o. Alakpanya vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi!—Dɔw. 17:27. w19.06 5 ¶11\nWɔ wò subɔsubɔdɔ la bliboe.—2 Tim. 4:5.\nNu ɖeka aɖe si akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe ye nye be míanɔ agbagba dzem be míabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Lod. 1:5; 1 Tim. 4:13, 15) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be Yehowa na míenye eƒe \"hadɔwɔlawo\"! (1 Kor. 3:9) Ne 'èkpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii' eye nètsɔ wò susu ɖo míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu bliboe la, esia awɔe be 'nàsubɔ Yehowa kple dzidzɔ.' (Flp. 1:10; Ps. 100:2) Esi wò hã ènye nya nyui gbeƒãɖela ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be, nɔnɔme sesẽ alo kuxi ka kee ɖava dziwò o, Mawu ana ŋusẽ si nèhiã la wò be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe. (2 Kor. 4:1, 7; 6:4) Wò nɔnɔmea ɖaɖe mɔ na wò be nàwɔ geɖe loo alo nu vi aɖe koe nètea ŋu wɔna le ale si nɔnɔmea le nu o, ne ɖaseɖiɖidɔ si nèwɔna la tso luʋɔ blibo me la, ekema, 'àkpɔ susu si ta nàtso aseye' ɖo. (Gal. 6:4) Ne èwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe la, àto esia me aɖee afia be èlɔ̃ Yehowa kple hawòvi. \"Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.\"—1 Tim. 4:16. w19.04 6 ¶15; 7 ¶17\nSatana . . . le anyigbadzinɔlawo katã blem.—Nyaɖ. 12:9.\nMɔ aɖe si dzi Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tona kplɔa amewo trana ye nye gbɔgbɔyɔyɔ. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la ƒua asi akɔ be yewonya nanewo siwo amegbetɔ mate ŋu anya hafi o alo yewokpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒua asi akɔ be yewoate ŋu ato nukaka alo ɣletivimefakaka dzi anya etsɔme. Ame bubuwo ate ŋu anɔ nu wɔm abe ɖe wotea ŋu ƒoa nu kple kukuawo ene. Bubuwo hã wɔa adze alo madziki, eye wodzea agbagba be yewoaɖu dzo amewo alo asa gbe de wo. Le numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ 18 me le Latin America kple Karib-ƒukpowo dzi me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be yewoka ɖe madzikiwɔwɔ kple adzewɔwɔ dzi, nenema kee ame agbɔsɔsɔ ma kloe ka ɖe edzi be woate ŋu aƒo nu kple gbɔgbɔwo. Wowɔ numekuku ma ke le Afrika dukɔ 18 me. Le numekuku sia me la, ame siwo gblɔ be yewoka ɖe adzewɔwɔ dzi la wu ame siwo wobia gbee la ƒe afã. Gake afi ka kee míeɖale o, ele be míakpɔ nyuie le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. w19.04 20-21 ¶3-4","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2021-05-07T14:41:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988793.99\/warc\/CC-MAIN-20210507120655-20210507150655-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965589643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965589642524719}","num_words":606,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã?\n• Nukae nye Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me, eye nukatae wòɖe dzesii?\nEnye Biblia si nyo wu ɖesiaɖe ɣemaɣi si gɔme woɖe ɖe gbe vovovo siwo nye Hebrigbe, Helagbe, kple Latingbe me eye wole fli me le wo nɔewo xa si ƒe akpa aɖewo hã nɔ Aramgbe me. Biblia si le gbe vovovowo me sia wɔ akpa vevi aɖe le alesi woɖe ŋɔŋlɔawo gɔme wosɔ kple esiwo nɔ gbe gbãtɔwo me la me ŋutɔ.—4\/15, axa 28-31.\n• Alekee amegbetɔwo awɔ ado dzidzɔ na Mawui?\nEsi Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ ta la, susu le esi wòwɔa nuwo, eye seselelãme hã le esi. Enye \"dzidzɔ Mawu\" eye dzi dzɔnɛ ne eƒe tameɖoɖo va eme. (Timoteo I, 1:11, NW; Psalmo 104:31) Zi alesi míenya Mawu ƒe seselelãmewoe la, zi nenemae míade dzesi nusiwo míate ŋu awɔ ado dzidzɔ na eƒe dzii.—5\/15, axa 4-7.\n• Nukatae Dawid ɖe mɔ aklama kpakpɛ alo legba nɔ srɔ̃a Mixal si?\nEsi Fia Saul ɖo nugbe ɖe Dawid ŋu be yeawui la, Mixal kpe ɖe eŋu wòsi to aklama kpakpɛ si ƒe nɔnɔme le abe ame ene dada ɖe eƒe aba dzi me. Aklama kpakpɛ nɔ Mixal si le esi ɖewohĩ eƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu bliboe o ta. Dawid manya nya be aklama kpakpɛa nɔ esi o alo elɔ̃ ɖe ezazã dzi nɛ le esi wònye Fia Saul vinyɔnu ta. (Kronika I, 16:25, 26)—6\/1, axa 29.\n• Nyateƒenya vevi ka dzie Mawu ƒe se siwo ku ɖe ʋu ŋu la he susu yii?\nNya si Mawu gblɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe, le Mose ƒe Sea me, kple le se si dze le Dɔwɔwɔwo 15:28, 29 me, la he susu yi vɔsa si ku ɖe Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi ŋu la dzi. Ʋu ma dzi koe míate ŋu ato akpɔ tsɔtsɔke si ana Mawu me ŋutifafa nasu mía si. (Kolosetɔwo 1:20)—6\/15, axa 14-19.\n• Yesu ƒe nukunu neni ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me?\nNuŋlɔɖi siwo le Nyanyuiawo me ƒo nu tso Yesu ƒe nukunu 35 ŋu. Gake womegblɔ Yesu ƒe nukunu siwo katã wòwɔ kple esiwo ŋu nya womegblɔ o la ƒe xexlẽme o. (Mateo 14:14)—7\/15, axa 5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040815\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2021-06-14T13:11:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988285899,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988285899162292}","num_words":366,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nXɔla 'ɖeke meli o,\nNegbe Yesu ɖeka ko.\nNenema woŋlɔ ɖ'a-nyi\nLe Mawu ƒe nya la me.\nStanza 2\nMawunya la koe fia mí\nBe míele nu vɔ̃ si me;\nNu vɔ̃ sɔ gbɔ le mía me\nEye míele gbegblẽ ge.\nStanza 3\nAm'a-ɖeke mate ŋu\nAɖe mí le vɔ̃ me o;\nÐeke mate ŋu axe\nYe ŋutɔ nu vɔ̃ fe o.\nStanza 4\nMenye ga alo sika,\nGbɔ̃, alẽ alo koklo,\nMenye vɔsasa 'ɖeke\nMawu di tso mía gbɔ o.\nStanza 5\nGake Yesu Mawuvi,\nSi ɖi tso dziƒo heva,\nEya koe sa vɔ gãtɔ\nKpakple ye ŋutɔ ɖokui.\nStanza 6\nVɔsa sia dze Mawu ŋu;\nEya ta ko wòate ŋu\nAtsɔ nu vɔ̃wo ake\nAme si axɔ ase.\nStanza 7\nAzɔ la Mawu ana\nNu vɔ̃ keke kple xɔxɔ,\nDzifafa kple dzidzɔ mí\nHeto Yesu Kristo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-47\/","date":"2021-06-14T11:53:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00190.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9906468987,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9906468987464905}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"PETRO yi ɖafa avi vevie esime wògbe nu le Yesu gbɔ. Togbɔ be ele be apostoloa naʋli vevie agali ke le gbɔgbɔ me hã la, Yesu di be yeazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: \"Wò la, ne ètrɔ gbɔ ko la, do ŋusẽ nɔviwòwo.\" (Luka 22:32, 54-62) Petro wɔ ŋgɔyiyi heva zu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea ƒe sɔtiwo dometɔ ɖeka. (Gal. 2:9) Egbea hã nɔviŋutsu siwo nye hamemetsitsiwo kpɔ va yi la agate ŋu atsɔ agbanɔamedzi ma ake ahakpɔ dzidzɔ le ŋusẽdodo haxɔsetɔwo me.\nWoxɔ dɔ le nɔvi aɖewo siwo nye hamemetsitsiwo tsã la si, eye esia ate ŋu ana woase le wo ɖokuiwo me be yewodo kpo nu. Julio, * si nye hamemetsitsi tsã le Bolivia ƒe 20 sɔŋ la gblɔ be: \"Nuƒowo dzadzraɖo, nɔviwo sasrãkpɔ, kple alẽwo kpɔkplɔ dɔa xɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me! Gbe ɖeka mɔnukpɔkpɔ mawo katã nu yi, si na mese le ɖokuinye me be naneke wɔwɔ megale ŋunye o. Magblɔ be esia na metɔtɔ ale gbegbe.\" Egbea wogaɖo Julio hamemetsitsi ake.\n\"MIBUI DZIDZƆ SƆŊ\"\nNusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: \"Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ.\" (Yak. 1:2) Yakobo nɔ nu ƒom tso tetekpɔ siwo vaa mía dzi le yometiti kple míawo ŋutɔwo míaƒe blibomademade ta ŋuti. Eyɔ ame ŋutɔ ƒe nudzodzrowo, nuwɔwɔ ameŋkumekpɔkpɔtɔe kple bubuawo. (Yak. 1:14; 2:1; 4:1, 2, 11) Ne Yehowa he to na mí la, míate ŋu axa nu vevie. (Heb. 12:11) Gake mele be tetekpɔ mawo natsi míaƒe dzidzɔ nu o.\nNe edzɔ be woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe le mía si le hamea me la, míagate ŋu alé ŋku ɖe míaƒe xɔse ƒe nyonyome ŋu ahawɔ nu siwo aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa. Míate ŋu ade ŋugble le susu si tae míesubɔ mía nɔviwo tsã la ŋu. Ðe míeminya mɔnukpɔkpɔ ma le míawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta loo, alo le esi míelɔ̃ Mawu heka ɖe edzi bliboe be etɔe hamea nye eye alẽha la hiã beléle tɔxɛ taa? (Dɔw. 20:28-30) Nɔviŋutsu siwo nye hamemetsitsiwo tsã, siwo yi edzi le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, la ɖoa kpe edzi na amewo katã, na Satana hã, be lɔlɔ̃ vavãe le yewo si na Yehowa.\nEsi wohe to na Fia David ɖe nu vɔ̃ gã si wòwɔ ta la, elɔ̃ faa xɔ mokanamea, eye wotsɔe kee. David dzi ha be: \"Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, ame si ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui. Woayra ame si Yehowa mebu vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpa aɖeke meli o.\" (Ps. 32:1, 2) Mokanamea ɖɔ David ƒe nɔnɔme ɖo, eye ɖikeke mele eme o be ena wòkplɔ Mawu ƒe amewo nyuie wu tsã.\nZi geɖe la, nɔviŋutsu siwo gazu hamemetsitsiwo ake la va zua alẽkplɔla nyuiwo wu tsã. Hamemetsitsi aɖe gblɔ be: \"Fifia menya ale si malé be na nɔvi siwo wɔ vodada la nyuie wu.\" Hamemetsitsi bubu gblɔ be: \"Medea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asinye be masubɔ nɔviawo la ŋu fifia wu tsã.\"\nÀTE ŊU AGASUBƆA?\nHakpalaa gblɔ be, 'Yehowa menɔa vodada dim le ame ŋu ɖaa o.' (Ps. 103:9) Eya ta mele be míasusui be Mawu magaka ɖe ame si wɔ vodada gã va yi la dzi akpɔ o. Ricardo, si subɔ tsã abe hamemetsitsi ene ƒe geɖe la gblɔ be: \"Mebu fɔ ɖokuinye vevie ɖe nye ŋutɔ nye vodada ta ƒe geɖe. Menɔ sesem le ɖokuinye me ɣeyiɣi didi aɖe be nyemedze o, eye esia nɔ mɔ xem nam be magasubɔ nɔvinyewo ake o. Mesusui be nyemagate ŋu ana amewo naka ɖe dzinye o. Gake esi kpekpe ɖe amewo ŋu dzɔa dzi nam ta la, metea ŋu wɔa Biblia nusɔsrɔ̃wo, dea dzi ƒo na nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpata me hewɔa dɔ kpli wo le gbeadzi. Esiae kpe ɖe ŋunye kakaɖedzi gasu asinye, eye fifia megazu hamemetsitsi.\"\nDzikuléleɖedɔme ate ŋu axe mɔ na nɔvi aɖe be magava zu hamemetsitsi ake o. Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míanɔ abe Yehowa subɔla David ene, ame si wòle na be wòasi le Fia Saul ŋuʋãla la nu! David mebia hlɔ̃ na eɖokui o, togbɔ be mɔnukpɔkpɔwo su esi be wòaɖo eteƒe na Saul hã. (1 Sam. 24:5-8; 26:8-12) Esi Saul ku le aʋagbedzi la, David xa nu ale gbegbe, eye wòyɔ eya kple via Yonatan be wonye 'ame malɔ̃nugbɔawo.' (2 Sam. 1:21-23) Ɛ̃, David melé dziku ɖe dɔme o.\nÐe wòwɔna na wò be hamemetsitsiwo mese nu gɔme na ye o, alo womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie oa? Mègana esia naxɔ susu me na wò eye nàlé dziku ɖe dɔme o. Le kpɔɖeŋu me, William nye hamemetsitsi ƒe 30 sɔŋ le Britain. Esi woxɔ dɔ le esi la, edo dziku ɖe hamemetsitsiawo dometɔ aɖewo ŋu vevie. Gake nu kae kpe ɖe William ŋu ale be eƒe dzi fa? Egblɔ be: \"Hiob ƒe agbalẽa xexlẽ de dzi ƒo nam geɖe. Ne Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòwɔ ŋutifafa kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo la, ke akpe ɖe nye hã ŋunye godoo be mawɔ ŋutifafa kple Kristotɔ hamemetsitsiwo!\"\nMAWU YRAA AME SIWO GATRƆ XƆ AGBANƆAMEDZIWO\nNe wò ŋutɔe tiae be yeaɖe asi le Mawu ƒe alẽha la kpɔkplɔ ƒe agbanɔamedzia ŋu la, ke anyo be nàgade ŋugble le susu si tae ŋu. Wò ŋutɔ wò kuxi aɖewoe wu tsɔtsɔ na wòa? Nu bubu aɖewoe va xɔ nɔƒe vevitɔ le wò agbe mea? Nɔvi bubuwo ƒe blibomademadee ɖe dzi le ƒowòa? Nu ka kee wòɖanye o, ɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàkpe ɖe nɔvi geɖe ŋu le mɔ vovovowo nu esime nènye hamemetsitsi. Wò nuƒowo tua wo ɖo, wò kpɔɖeŋu nyui dea dzi ƒo na wo, eye wò sasrãkpɔwo kpena ɖe wo ŋu wodoa dzi le dodokpɔwo me. Dɔ siwo nèwɔ abe hamemetsitsi wɔnuteƒe ene la do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye wòdo dzidzɔ na wò ŋutɔ hã.\nYehowa kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu dzo gaɖo wo me be woaxɔ ŋgɔ le hamea me eye wole dzidzɔ geɖe kpɔm. Ne wò ŋutɔe ɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔa ŋu alo ɖe woxɔ dɔ le asiwò o, àgate ŋu 'aminya dzikpɔladɔa' ake. (1 Tim. 3:1) Paulo 'medzudzɔ gbedodoɖa' ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose ta o. Eƒe didie nye be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nayɔ wo fũu ale be 'woazɔ ale si dze Yehowa, bene woadze eŋu bliboe.' (Kol. 1:9, 10) Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàgasubɔ ake abe hamemetsitsi ene la, kpɔ Yehowa sinu be wòana ŋusẽ, dzigbɔɖi, kple dzidzɔ wò. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Mawu ƒe amewo hiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu tso alẽkplɔla lɔ̃amewo gbɔ vevie. Eya ta ɖe nàgate ŋu asubɔ nɔviwòwo akea, eye ɖe didia le mewò veviea?\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140815\/tr%C9%94-n%C3%A0do-%C5%8Bus%E1%BA%BD-n%C9%94viw%C3%B2wo\/","date":"2021-06-14T14:32:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612537.23\/warc\/CC-MAIN-20210614135913-20210614165913-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969752431,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969752430915833}","num_words":1073,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nکیا ہوتا اگر؟\nخلاصہ: حشام کو صبح سکول جانے سے پہلے برش کرتے پہوئے بُہت ذیادہ نیند آرہی ہوتی ہے لیکن اس دوران بڑے بڑے خواب دیکھنا اُس کے لئے بُہت آسان ہے۔\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.\nKAAKAASAURUS\nBubune le ŋkeke baɖa aɖe me tom.Gbã akpaviã ɖu eƒe abolo eye wodzi be yeaɖu eƒe xɔlɔ̃ Salifu hã. Aleke woa nɔ? Manɔ bɔbɔeɖe kraa o.\nATIGLINYI LE XƆ LA ME.\nLinda kpɔ atiglinyi gã aɖe le eƒe xɔme.Gake atigliglinyi aɖe lee nyateƒea?Esi ame aɖeke me xɔese oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2021-06-18T09:22:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487635920.39\/warc\/CC-MAIN-20210618073932-20210618103932-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9939994812,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9939994812011719}","num_words":180,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.128,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míenye Amesiwo Si Xɔse le\nXɔse Tutuɖo to Biblia Sɔsrɔ̃ me le India\nINDIA nye dukɔ si me subɔsubɔha vovovowo kple nuwɔna vovovowo yia edzi le tso Himalaya-to kɔkɔ si dzi sno yɔ tititi le dziehe gome vaseɖe India-ƒu si ƒe tsi xɔa dzo le anyiehe gome la dzi. Le emenɔla siwo wu biliɔn ɖeka dome la, ame 83 lɔƒo le alafa me nye Hindutɔwo, 11 le alafa me nye Moslemtɔwo, eye kpɔtɔeawo nye amesiwo tɔ ŋkɔ be Kristotɔwo, Sikhtɔwo, Buddhatɔwo, kple Jaintɔwo. Mawusubɔsubɔblɔɖe le wo katã si. The World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Mawusubɔsubɔ nye Indiatɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe.\"\nYehowa Ðasefowo, amesiwo ƒe xexlẽme wu 21,200 le India, ƒe agbenɔnɔ ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dzixɔse nu la ɖe dzesi vevie. Abe alesi woƒe zɔhɛ siwo le xexeame ƒe akpa bubuwo wɔnɛ ene la, Ðasefo siwo le India bunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoakpe ɖe yewo haviwo ŋu woatu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la me. (Timoteo II, 3:16, 17) Bu alesi Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze wɔ va su ƒome aɖe si le Chennai, le India ƒe anyiehe la si ŋu kpɔ.\nHafi ƒome sia nava ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la, wonye Katoliko gbɔgbɔha siwo gblɔna be yewoakpɔa ŋutegawo, gblɔa aɖe yeyewo, eye yewodaa gbe la me tɔ dovevienuwo. Woxɔ ŋkɔ le sɔlemeha la kple nuto si me wole me eye amewo yɔa ƒomea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã be swami, si gɔmee nye \"aƒetɔ.\" Gbeɖeka Ðasefo aɖe srã ƒome sia kpɔ eye wòfia wo le Biblia me be Yesu enye Mawu ƒe Vi, ke menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ abe alesi amewo xɔe se ene o. Ðasefoa fia wo hã be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa eye be tameɖoɖo si le Yehowa si ɖe anyigba ŋue nye be yeawɔe wòanye paradiso dzeani aɖe.—Psalmo 83:19; Luka 23:43; Yohanes 3:16.\nEsi ƒome sia me tɔwo dea bubu Mawu ƒe Nya ŋu eye nusi wose la dzɔ dzi na wo ta la, wolɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Esia na amesiwo dze si wo le sɔlemeha si me wonɔ tsã me la ɖu fewu le wo ŋu. Gake ƒomea ɖoe kplikpaa be yewoayi Biblia sɔsrɔ̃ dzi. Esi sidzedze geɖe va su wo si eye woƒe xɔse va sẽ ɖe edzi la, woɖe asi le woƒe alakpasubɔsubɔ me nuwɔnawo ŋu. Egbea, ƒome sia me tɔ etɔ̃ nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ dovevienuwo, eye wo dada wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣesiaɣi si wòanya wɔ nɛ.\nEbia Xɔse be Wòanɔ Te Ðe Wɔametɔnyenye Nu\nEhiã vevie be Sunder Lal, si nye ɖekakpui aɖe si le kɔƒe aɖe me le Punjab naɖe xɔse sẽŋu kple dzideƒo afia hafi wòate ŋu agblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ame bubuwo. (Mateo 24:14) Nusita wòle aleae nye be eɖe asi le mawugeɖedzixɔse si le eƒe ƒomea kple kɔƒea me tɔwo si ŋu be yeasubɔ Mawu vavã Yehowa. Susu bubue nye be afɔ mele Sunder Lal si o.\nVa ɖo ƒe 1992 la, afɔku aɖeke megblẽ Sunder Lal ƒe agbe dome o. Enye ɖɔkta ƒe kpeɖeŋutɔ eye woa kple eƒe ƒomea wɔa ɖeka dea ta agu na mawu vovovowo le mawunyafiala si wotia ƒe mɔfiafia te. Le zã aɖe me esime wònɔ keteke mɔ aɖe me tsom la, edze anyi. Keteke aɖe zɔ edzi eye wòlã eƒe atawo ɖa. Togbɔ be etsi agbe hã la, mɔkpɔkpɔ bu ɖee le agbe me. Wogblɔ be Sunder Lal va zu nublanuitɔ ale gbegbe be eɖoe gɔ̃ hã be yeawu ye ɖokui. Eƒe ƒomea na kpekpeɖeŋui ale gbegbe, gake ewɔ nɛ be wɔna aɖeke maganɔ ye ŋu le etsɔme o.\nEmegbe Yehowa Ðasefo aɖe va Sunder Lal gbɔ eye wòfiae le Biblia me be Mawu do ŋugbe be yeawɔ anyigba wòanye paradiso dzeanyi aɖe eye yeana lãmesẽ deblibo amesiwo katã lɔ̃a ye hevɔ̃a ye. Sunder Lal lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye wòsrɔ̃ nu veviedodotɔe ƒe ɖeka. Wokpee be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye mlɔeba xɔlɔ̃ aɖe kɔnɛ ɖe gasɔ dzi woyina. Togbɔ be esea veve ŋutɔ ne ele gasɔa dzi hã la, viɖe geɖe va do tso eme nɛ. Ekpɔ nusi wòsrɔ̃ le eɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me ƒe kpeɖodzi esime wòdo go ame bubu siwo xɔ Mawu ƒe Nyaa me ŋugbedodowo dzi se vavã eye wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu.\nSunder Lal te nyanyuia gbɔgblɔ na ehaviwo, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1995 me. Gbã la, etana le anyigba abe alesi wowɔnɛ ene eye wòwɔa tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔa le eƒe kɔƒea me. Gake fifia ya, eƒe gbɔgbɔ me nɔviwo na nui—afɔtietɔ̃keke si wowɔ be woatsɔ asi \"adoe\" lae. Afɔtietɔ̃keke sia wɔe be ele eɖokui si fifia wu tsã eye eya ŋutɔ te ŋu zɔa kilometa 12 ƒe mɔ yia hamea ƒe kpekpewo. Ɣeaɖewoɣi la, edoa kekea toa ya ʋuduʋuduwo me; ɣeaɖewoɣi hã edonɛ toa yame ƒe dzoxɔxɔ si gbɔa degree 43 ŋu me.\nTsɔ kpe ɖe kpekpewo dede ŋu la, Sunder Lal srɔ̃a Biblia kple ame geɖe siwo di be woakpe ɖe yewo ŋu be woatu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Mawu vavã, Yehowa, me. Le nyateƒe me la, eƒe Biblia-nusrɔ̃vi xoxowo dometɔ adre xɔ nyɔnyrɔ fifia, eye ame etɔ̃ bubu siwo ŋu wòke ɖo siwo ehati Ðasefo bubuwo srɔ̃ Biblia kpli wo hã xɔ nyɔnyrɔ.\nBiblia gblɔ be: \"Menye amewo katã si xɔse la le o.\" (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Gake le amesiwo 'ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ' gome la, Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ edziedzi ate ŋu atu xɔse sẽŋu ɖo ɖe wo me. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Nusɔsrɔ̃ sia ƒomevi nana wokpɔa mɔ na etsɔme wɔnuku aɖe vevie—nusi dzi Indiatɔ gbogbo aɖewo va le xɔxɔm se.\n[Anyigbatata si le axa 30]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nAFGANISTAN\nPAKISTAN\nNAPAL\nBHUTAN\nCHINA\nBANGLADESH\nMYANMAR\nLAOS\nTHAILAND\nVIETNAM\nCAMBODIA\nSRI LANKA\nINDIA\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nMountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000515\/X%C9%94se-Tutu%C9%96o-to-Biblia-S%C9%94sr%C9%94%CC%83-me-le-India\/","date":"2021-06-14T22:10:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487613453.9\/warc\/CC-MAIN-20210614201339-20210614231339-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989827871,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989827871322632}","num_words":949,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2003 Nya Kae Nàdi Be Yeabia Mawu? Alesi Ame Aɖewo Kpɔ Ŋuɖoɖowo Ðe Nèbiana Be, 'Afikae Yehowa Lea?' Kpekpeɖeŋunana le Ʋu ƒe Kɔkɔenyenye ƒe Nya me Léle Ðe Asi Me Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe? Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam Wosubɔa Wo Nɔvi Kristotɔwo le Dukɔ Vovovowo Me Ðe Yehowa Tsɔa Ðe Le Nusiwo Nèwɔna Mea? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030501\/","date":"2021-06-13T05:17:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487600396.21\/warc\/CC-MAIN-20210613041713-20210613071713-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99701792,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970179200172424}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ele bɔbɔe ŋutɔ be woaxɔe ase be Satana si ŋu míexlẽa nu tsoe le Biblia me la le tsitre ɖi na nu sia nu si nye vɔ̃. Gake nyateƒee wònye be nu mae Biblia fia? Ne nenemae la, nu ka tae Biblia gblɔ be Satana ƒo nu kple Yesu Kristo kpakple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ hã? Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa.\nESI SATANA ƑO NU KPLE YESU\nEsi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Abosam dze agbagba be yeablee de nu vɔ̃ me esi wòtee kpɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Gbã la, Satana dze agbagba be yeaƒoe ɖe Yesu nu wòazã ŋusẽ si Mawu nae la atsɔ atsi eƒe dɔwuame nu ɖokuitɔdiditɔe. Eyome Abosam tee kpɔ gɔ̃ hã be yeana Yesu nahe amewo ƒe susu ava eɖokui dzi madzemadzee si ana wòade eƒe agbe afɔku me dzodzro. Mlɔeba, Satana gblɔ na Yesu be yeatsɔe aɖo xexea me fiaɖuƒewo katã nu ne enya de da agu na ye ko. Yesu zã Ŋɔŋlɔawo le Satana ƒe amebeble aɖaŋutɔe etɔ̃awo katã me tsɔ gbe eƒe nyawo.\nAme kae Yesu nɔ nu ƒom na? Nu vɔ̃ aɖe si nɔ eya ŋutɔ me yea? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be 'wodo Yesu kpɔ le go sia go me abe mía ŋutɔwo ke ene, gake nu vɔ̃ mele eŋu o.' (Hebritɔwo 4:15) Biblia gblɔ hã be: \"Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.\" (1 Petro 2:22) Yesu kpɔtɔ nye ame deblibo, eye wònye ame maɖifɔ. Meɖe mɔ nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖeke ge ɖe eyama me o. Edze ƒãa be menye nu vɔ̃ aɖe si nɔ Yesu ŋutɔ mee wònɔ nu ƒom na o, ke boŋ ame aɖee wònɔ nua ƒom na.\nDzeɖoɖo si yi edzi le wo dome la ɖo kpe edzi be Satana nye ame si li ŋutɔŋutɔ.\nÐo ŋku edzi be Abosam gblɔ na Yesu be yeatsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã anae ne enya de ta agu na ye ko. (Mateo 4:8, 9) Ne menye ame si li ŋutɔŋutɔe Satana nye o la, ekema gɔmesese aɖeke manɔ nya ma ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu megblɔ be ŋusẽ mele esi wòawɔ nu si gblɔm wòle o.\nEsi Yesu ɖu Abosam ƒe tetekpɔawo dzi ta la, Abosam 'dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.' (Luka 4:13) Le nya siawo me la, ɖe nèsusu be nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖee Satana nye loo alo futɔ si ɖo vɔ̃ ɖe tamee wònye?\nDe dzesii be 'mawudɔlawo va subɔ' Yesu. (Mateo 4:11) Ðe mawudɔla mawo nye gbɔgbɔmeme ŋutɔŋutɔ siwo va nɔ dzi dem ƒo na Yesu henɔ kpekpeɖeŋu nameea? Ɛ̃. Ke nu ka tae wòle be míasusui be menye gbɔgbɔmeme si li ŋutɔŋutɔe Satana nye o, ke boŋ nu bubu aɖe koe wònye??\nESI SATANA ƑO NU KPLE MAWU\nKpɔɖeŋu evelia ku ɖe mawuvɔ̃la Hiob ƒe ŋutinya ŋu. Ŋutinya sia ƒo nu tso dzeɖoɖo eve siwo yi edzi le Abosam kple Mawu dome ŋu. Le go eveawo katã me la, Mawu kafu Hiob ɖe eƒe fɔmaɖimaɖi ta. Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi tae Hiob le Mawu subɔm ɖo, nu si wòwɔnɛ ye nye be nu si Mawu nae tae wòle esubɔm ɖo. Ne míagblɔe la, Abosam le gbɔgblɔm be yenya Hiob nyuie wu ale si Mawu nyae. Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòagblẽ Hiob ƒe nunɔamesiwo katã dome; Satana wu viawo eye wòkplɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ƒu eya ŋutɔ hã. * Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva dze ƒãa be Yehowae nya Hiob nyuie wu eye be Satana nye alakpatɔ. Mawu yra Hiob le eƒe nuteƒewɔwɔ ta.\nLe dzeɖoɖo mawo siwo yi edzi le Mawu kple Satana dome la, nu vɔ̃ aɖe si nɔ Yehowa ŋutɔ mee Yehowa nɔ nu ƒom na? Biblia gblɔ be: \"Mawu ƒe mɔ de blibo.\" (2 Samuel 22:31) Mawu ƒe Nyaa gblɔ hã be: \"Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ [Yehowa], Mawu ŋusẽkatãtɔ\" la. (Nyaɖeɖefia 4:8) Kɔkɔe fia nu si le dzadzɛ, nu si woɖe ɖe vovo tso nu vɔ̃ ŋu. Yehowa de blibo eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o. Vɔ̃ aɖeke mate ŋu anɔ eme kura o.\nEsi Satana ƒo nu kple Mawu vɔ la, ehe vɔ̃ gã aɖe va Hiob dzi\nKe hã ame aɖewo ʋlia nya be Hiob kura gɔ̃ hã menye ame ŋutɔŋutɔ o, eya ta dzeɖoɖo siwo katã yi edzi ku ɖe Hiob ŋu nye nyakpakpa. Gake ɖe susu le nya ma mea? Biblia me kpukpui aɖe gblɔ be ame ŋutɔŋutɔe Hiob nye. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe be woƒo nu tso Hiob ŋu le Yakobo 5:7-11 be esi wòdo dzi to nɔnɔme sesẽwo me la, eɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo eye esia nye ŋkuɖodzinya fakɔname be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo doa dzi alea. Ne Hiob menye ame ŋutɔŋutɔ si Satana tɔ ŋkui o ke nyakpakpa dzro koe eƒe ŋutinyaa nye la, ɖe viɖe aɖe anɔ eƒe kpɔɖeŋua ŋua? Gakpe ɖe eŋu la, woyɔ Hiob le Xezekiel 14:14, 20 kpe ɖe Noa kple Daniel ŋu be wonye ŋutsu etɔ̃ siwo nye ame dzɔdzɔewo. Hiob nye ame ŋutɔŋutɔ si si xɔse gã aɖe le abe Noa kple Daniel ke ene. Ne Hiob nye ame ŋutɔŋutɔ la, ɖe futɔ si tɔ ŋkui, si he yometitia va edzi la hã manye ame ŋutɔŋutɔ oa?\nBiblia ɖee fia eme kɔ ƒãa be ame ŋutɔŋutɔ si nye gbɔgbɔmemee Satana nye. Gake ɖewohĩ àbia be: 'Ðe Satana ate ŋu agblẽ nu le nye kple nye ƒomea ŋu egbea le xexe deŋgɔ sia mea?'\nKE EGBEA YA ÐE?\nTsɔe be nu vlo wɔha aɖe va do ɖe dugãa me bibibi. Esia ana amewo ƒe dedienɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ nayi to godoo. Azɔ bu nya sia si sɔ kple kpɔɖeŋu ma ŋu kpɔ: Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nye gbɔgbɔmeme siwo li ŋutɔŋutɔ; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã dze aglã ɖe Mawu ŋu abe Satana ke ene, eye wotsɔ wo kple Satana siaa ƒu gbe ɖe anyigba ƒe nutowo me. Nu kae ado tso eme? Wò ya bu nu siwo dzɔna le miaƒe nutoa me kple duta ŋuti nyatakakawo ŋu kpɔ.\nÐe nèkpɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ manyatalenuwo le dzidzim ɖe edzi togbɔ be wole agbagba dzem kpem le xexea me godoo be woadzudzɔe gɔ̃ hã?\nÐe nèkpɔe be modzakaɖeɖe siwo me gbɔgbɔyɔyɔ bɔ ɖo la le dzidzim ɖe edzi togbɔ be dzila geɖe tsi dzimaɖi be modzakaɖeɖe sia ava gblẽ vi na wo gɔ̃ hã?\nÐe nèkpɔe be anyigba ƒe teƒeteƒewo dome le gbegblẽm togbɔ be wole agbagba dzem be woakpɔ wo ta gɔ̃ hã?\nÐe wòwɔ na wò be nane gblẽ le ameƒomea ŋu vevie abe ɖe nane le asi tutum ʋume na amegbetɔwo ɖo ta gbegblẽ me enea?\nTaflatsɛ de dzesi ame siwo Biblia gblɔ be woawɔe le megbe na nu manyatalenu siwo le edzi yim. Egblɔ be: \"Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu. . . . Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.\" (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Esi ame geɖe lé ŋku ɖe kpeɖodziawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be Satana nye gbɔgbɔmeme vɔ̃ɖi aɖe, si le adeklo dzi be yeakplɔ anyigba dzi tɔwo katã atrae.\nÐewohĩ àbia ɖokuiwò be aleke yeawɔ akpɔ ye ɖokui ta mahã. Enyo be nàbu nya sia ŋu. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ.\n^ mm. 12 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141101\/ame-kae-nye-abosam\/","date":"2021-08-06T04:34:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046152112.54\/warc\/CC-MAIN-20210806020121-20210806050121-00476.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979786277,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979786276817322}","num_words":1235,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"61 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye,+Elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo.+ Edɔm be mada gbe le* ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,Ne maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoeEye maʋu ŋku na gamenɔlawo,+ 2 Ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒeKple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,+Ne mafa akɔ na konyifalawo katã,+ 3 Ne mana nu ame siwo le konyi fam ɖe Zion ta,Ne mana tatsyɔnu wo ɖe dzofi teƒe,Dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe,Kafukafuwu ɖe gbɔgbɔ si nu ti kɔ na teƒe. Eye woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo,Ame siwo Yehowa do be wòanye ŋutikɔkɔe nɛ.*+ 4 Woagbugbɔ blemaƒedowo atso;Woafɔ blemaglikpowo ɖe tsitrenu,+Eye woagbugbɔ du gbagbãwo atso,+Eye woawɔ teƒe siwo zu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime la yeyee.+ 5 \"Du bubu me tɔwo atso akplɔ miaƒe lãhawo,Eye amedzroviwo+ anye miaƒe agbledelawo kple waingbledelawo.+ 6 Ke miawo la, woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo;+Woayɔ mi be mía Mawu ƒe subɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe nu xɔasiwo,+Eye miatsɔ woƒe bubu* aƒo adegbe le mia ɖokui ŋu. 7 Nye dukɔ axɔ gome teƒe eve nu ɖe woƒe ŋukpe la teƒe,Eye woatso aseye le woƒe gome la ta ɖe vlododo teƒe. Ɛ̃, woaxɔ gome teƒe eve nu le woƒe anyigba dzi.+ Dzidzɔ mavɔ anye wo tɔ gome.+ 8 Elabena nye, Yehowa, melɔ̃a nya dzɔdzɔe;+Melé fu adzodada kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ.+ Matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ,Eye mabla nu mavɔ kpli wo.+ 9 Woanya wo viwo le dukɔwo dome+Kple woƒe dzidzimeviwo le dukɔwo dome. Ame siwo katã kpɔ wo la adze si wo beDzidzimevi siwo Yehowa yrae wonye.\"+ 10 Matso aseye ɖe Yehowa ŋu. Nye ameti bliboa* akpɔ dzidzɔ ɖe nye Mawu ŋu.+ Elabena edo xɔname ƒe awuwo nam;+Edo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya* nam,Abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa ta wòɖia nunɔla tɔ ene,+Abe ŋugbetɔ si tsɔ atsyɔ̃ɖonuwo wɔa leke na eɖokui ene. 11 Elabena ale si anyigba la miea nu,Eye abɔ nana nu siwo woƒã ɖe eme la miena la,Nenemae Aƒetɔ Dziɖulagã YehowaAna dzɔdzɔenyenye+ kple kafukafu namie+ le dukɔwo katã ŋkume.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, 'mabla abi na.\"\n^ Alo, \"wòatsɔ aɖo atsyɔ̃ na eɖokui.\"\n^ Alo, \"kesinɔnuwo.\"\n^ Alo, \"Nye luʋɔ.\"\n^ Alo, \"awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/61\/","date":"2021-09-25T13:03:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057622.15\/warc\/CC-MAIN-20210925112158-20210925142158-00243.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979059696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997905969619751}","num_words":349,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 127\nStanza 1\nOo nukudziɖula gã, si\nTsɔ xexeme nuvɔ̃wo yi,\nEwu wò dɔwɔwɔ nu!\nEzɔ wò fukpekpemɔ vɔ,\nKɔkɔe me nèyi Tɔwò, si\nDɔ wò ɖo ɖe mí la, gbɔ.\nAzɔ ènɔ wò fiazikpui\nKɔkɔe la dzi,\nKu kple agbe\nWotsɔ wo de asiwò me.\nStanza 2\nAƒetɔ wò koe nye mía ta,\nWò ŋutinuwo míenye ɖaa,\nLe mewò míakpɔ agbe.\nŊusẽ, ŋutifafa, dzidzɔ,\nDzudzɔ hã na mia luʋɔwo\nTso gbɔwò ko va na mí.\nKlɔ nye dzi me! Masubɔ wò\nKpakpe dzidzɔ,\nMakafu wò\nEye mada akpe na wò.\nStanza 3\nHe mí, Yesu, te va gbɔwò,\nNa be tso esia dzi yina\nMíadi wò fiaɖuƒe ko.\nNe mía zɔzɔ nadze ŋuwò,\nMíatsri anyigba dzi nuwo\nKple eƒe nudzodzrowo.\nMíatsri, míasi nu bleamewo,\nNu gɔglɔ̃wo,\nBene míadi\nAfisi míakpɔ xɔxɔ le.\nStanza 4\nAƒetɔ Yesu, va he mí\nTso 'nyigbafu me va gbɔwò,\nNe míakpɔ dzidzɔ ɖaasi.\nEsi nèkɔ wò ʋu vevi\nÐe anyi le mí katã ŋuti,\nEzu mía nunɔlagã\nAzɔ míalɔ̃ wò ɖeka ko,\nAkafu wò,\nMíaƒ' Aƒetɔ,\nSi akplɔ mi yi ɖe dziƒo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-127\/","date":"2021-09-20T04:48:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985592961,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998559296131134}","num_words":175,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 167\nStanza 1\nAme ɖeka ŋu míeku ɖo,\nAmesi ku ɖe mía katã ta,\nEye wòƒle mí kple 'ƒe ʋu;\nMíaƒe nutilã kple dziwo\nTɔwò wonye, wò fukpela ã;\nLe wò me míekpɔ gbɔɖeme.\nXɔ mí wɔ tɔwòwoe,\nNa míazu viwòwo\nNa wò bubu!\nNa be míakpɔ\nWò keli la\nTso wò ŋutikɔkɔe gã me!\nStanza 2\nYesu, ŋutikɔkɔefia la,\nNukua ɖi, ŋelawo mebɔ o,\nNa dɔwɔlawo nade ha!\nDɔ míawo hã ɖe dɔwɔƒe,\nBe míayɔ ame geɖewo ɖa,\nWoava Fofo ƒe kplɔ̃ ŋuti!\nWoayra 'mesi nèkpe\nVa wò kplɔ̃ la ŋuti.\nAʋawɔwɔa Megali o;\nDzidzɔ sɔŋ li\nGbesiagbe yi ɖe mavɔ me.\nStanza 3\nWò lɔlɔ̃ kple wò abiwo\nWohe xɔxɔ mavɔ vɛ na mí\nWò dzi xɔ nya ɖe mía nu ɖaa;\nBe míaɖe gbe ƒã na 'mewo,\nEye míafia 'titsoga la wo,\nNe woaxɔe ɖe woƒe dzi me.\nWò nya la nye ŋusẽ,\nEwɔa dɔ nukutɔe\nLe dzi me ke;\nWò kɔkuti\nMekpena o;\nParadiso la le nuvo.\nStanza 4\nWò dɔwɔwɔwo nye nuku,\nKe nèwɔnɛ le nunya gã me\nNuka míenye le ŋkuwò me?\nGake wò la nèʋli mía ta,\nEye nèɖoa ŋku mía dzi ɖaahe;\nMíeɖoa ŋu ɖe wò ŋusẽ ŋu.\nNuku suɛ la ke hãLe tsitsi ge kaba,\nAzu ati,\nSi wò, Kristo,\nŊutɔ èdo;\nMawu tsɔe ɖe wò ŋusẽ te.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-167\/","date":"2021-09-27T07:58:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991692305,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991692304611206}","num_words":215,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 192\nStanza 1\nYesu ƒe nyanyui la yɔ mí,\nMíatrɔ mía dzi ɖe eŋu faa!\nNya ma agbe le 'me na mí;\nMina ne míalɔ̃ nyanyui la!\nStanza 2\nO dzidzɔnya vavã, si tso\nAƒetɔ la ŋutɔ si me,\nWòle ɖoɖom ɖe mí tegbee;\nMixɔe, fe mele eme o!\nStanza 3\nAme ɖeka hɔ̃ he vɔ̃ vɛ,\nVɔ̃ la xɔ mí katã mía me;\nAme ɖeka ke va tsɔe yii,\nTsɔ 'ƒe ʋu klɔ mía ŋuti keŋ.\nStanza 4\nDzi Haleluya kple dzidzɔ,\nElabe èzu Yesu tɔ.\nEya ŋuti mègavɔ̃ o,\nAtutu aɖatsi na wò!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-192\/","date":"2021-09-23T18:02:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00611.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981431365,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981431365013123}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 190\nStanza 1\nNya xɔasi tso Mawu nu me,\nSi ate ŋu ayra mí la,\nWò koe nye mía gɔmeɖoɖo,\nSi dzi míatu mía xɔse ɖo.\nWò koe nye mɔfiala nyui,\n|: Si akplɔ mí yi dziƒo.:|\nStanza 2\nMedi bena, nye hã makpɔ\nDzidzɔ si le afima,\nBena wòanɔ nye dzi me ɖaa\nFifia kple gbaɖegbe hã.\nDziƒobolo kpl' agbetsi\n|:Sɔ gbɔ na mí le afi.:|\nStanza 3\nWò Mawu, Gbɔgbɔ kɔkɔe la,\nSi tsɔa Mawunya na mí\nFia mí katã l' afisiafi,\nBena míadze si bena\nMawu tsɔ nu gã na mí\n|: To 'ƒe nya kɔkɔe la me:|\nStanza 4\nMía dzi naɖi anyigba nyui,\nSi wɔa nu geɖe ŋutɔ!\nNa be mía ŋku nanɔ dziwò,\nNe èle wò mɔ fiam mí!\nŊlɔ wò nya ɖe mía dzi me,\n|: Ne wòanɔ anyi tegbee!:|","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-190\/","date":"2021-09-28T17:58:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780060877.21\/warc\/CC-MAIN-20210928153533-20210928183533-00549.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998570025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985700249671936}","num_words":131,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.29,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 399\nStanza 1\nWò ŋutifafa la nanɔ dzinye me,\nŊutifafa me ko wò dɔ yia dzi le;\nNa bena, maɖu nu vɔ̃ ʋa la dzi keŋ,\nLi ke nye fafa!\nStanza 2\nNye xexeme la xɔa dzo ɖem gbe sia gbe,\nEye akɔfafa hã meli nam o.\nLe ʋuʋudedinyigba vɔ̃ sia dzi la,\nMehiã wò fafa.\nStanza 3\nNa ŋutifafa tɔwò, si wote kpɔ,\nBena nye luʋɔ la nagakpɔ ŋusẽ,\nBena ne xexe sia me gbɔgbɔ vɔ̃wo\nMaɖu dzinye o!\nStanza 4\nAƒetɔ, na wò ŋutifafa nye hã\nLe nye aʋa sesẽ siawo wɔwɔ me,\nEye nàna xɔse ƒe fiakuku la\nNasu asinye!\nStanza 5\nXexeme vɔ̃ sia me agbenɔnɔ la,\nXaxa kple hiã ƒ'a-ʋawɔwɔ sɔŋ wònye\nAƒetɔ, ne megbɔdzɔ la, nàɣlam ɖe\nŊutifafa me!\nStanza 6\nLe ku ƒe kametete mlɔɛtɔ la me\nNa be, wò dɔla ƒ'a-ʋala sesẽ la\nNaɖem tso aʋawɔwɔwo me yi ɖe\nFafa mavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-399\/","date":"2021-09-27T07:43:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960372448,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960372447967529}","num_words":146,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 152\nStanza 1\nMawu nye mɔ sesẽ na mí,\nAʋawɔnu kpl'akpoxɔnu!\nEɖea mí tso fu sia fu si,\nVaa mía dzi fifia hã, me.\nFutɔ vɔ̃ xoxoa\nEdze agbo ŋutɔ;\nŊusẽ kple aye\nNye eƒe aʋawu:\nEtɔgbe megali o.\nStanza 2\nMíaƒe ŋusẽ mesɔ gbɔ o,\nMía dzi anya ɖu na wo tsã;\nGake Mawu dɔ kalẽtɔ,\nSi wɔa aʋa na mí, ɖa.\nNe 'bia be: Ŋkɔ ɖe?\n'Yae nye Yesu Kristo!\nMíaƒe aʋafia,\nSi ƒo wo katã ta;\nDziɖuɖu la nye etɔ!\nStanza 3\nNe gbɔgbɔ vɔ̃wo sɔ gbɔ fũ,\nLe míaƒe gbegblẽ dim hã la,\nKe míakpɔ dzideƒo blibo,\nBe míaɖu wo katã dzi.\nXexe sia me fia\nLe nyanyram kpla adã;\nKe ado kpo mí,\nWodrɔ̃ ʋɔnui da ɖi;\nNya ɖeka laƒui anyi.\nStanza 4\nWoanɛ nya la nanɔ te tsã!\nMiada 'kpe na wo ɖe ta o.\nYesu le mía 'sada me ɖaa\nKple gbɔgbɔnunanawo.\nNe woxɔ mía 'ƒe,\nViwo kple agbe,\nNe woaxɔe faa ko,\nMenye vi woɖe o!\nFiaɖuƒea lanye mía tɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-152\/","date":"2021-09-27T08:03:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00613.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961285591,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961285591125488}","num_words":166,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Eya ta nɔviwo, mele kuku ɖem na mi vevie to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo+ ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe,+ si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.+ 2 Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi* sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee+ me, ne miawo ŋutɔwo+ miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.\n3 Elabena to amenuveve si wonam me la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o,+ ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nɛ la nu.+ 4 Elabena ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí,+ gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la, 5 nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me, gake ŋutinuwoe mía dometɔ ɖe sia ɖe nye na nɔvia.+ 6 Eya ta esi wònye nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu ta la,+ ne nyagbɔgblɔɖie la, mina míagblɔ nya ɖi le xɔse ale si nu wona mí la nu; 7 alo ne subɔsubɔdɔe la, mina míanɔ subɔsubɔdɔ sia dzi; alo ame si fiaa nu la, nenɔ eƒe nufiafia la dzi;+ 8 alo ame si dea dzi ƒo la, nenɔ eƒe dzidede ƒo na ame la dzi;+ ame si naa nu* la, nenɔ nu nam kple dzi faa;+ ame si le amewo nu* la, nedo vevie nu le ewɔwɔ me;+ ame si kpɔa nublanui la, nenɔ edzi kple dzidzɔ.+\n9 Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o.+ Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi;+ milé ɖe nu si nyo la ŋu. 10 Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene. Mitre mia nɔewo bubu.+ 11 Mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu, migawɔ kuvia o.+ Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me.+ Misubɔ Yehowa* abe kluviwo ene.+ 12 Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me. Mido dzi le xaxa me.+ Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.+ 13 Mina nu ame kɔkɔewo le woƒe hiahiãwo nu.+ Minɔ amedzrowɔwɔ dzi.+ 14 Minɔ ame siwo tia mia yome la yram;+ miyra ame, migaƒo fi de ame o.+ 15 Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam. 16 Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene; miganɔ nu gãwo ŋu bum o,* ke minɔ nu siwo bɔbɔ ɖe anyi la yome boŋ.+ Migabu mia ɖokuiwo nunyalawoe o.+\n17 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.+ Miwɔ nu siwo nyo le amewo katã ƒe nukpɔkpɔ nu. 18 Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.+ 19 Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku* la boŋ;+ elabena woŋlɔ ɖi be: \"'Tɔnyee nye hlɔ̃biabia'; nye la, maɖo eteƒe, Yehowa* ye gblɔe.\"+ 20 Ke boŋ \"ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.\"*+ 21 Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/45\/12","date":"2021-09-17T07:36:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780055601.25\/warc\/CC-MAIN-20210917055515-20210917085515-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963763952,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963763952255249}","num_words":531,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nàte ŋu awɔ\n1. Wò susu nenɔ nu siwo nèwɔna nyuie dzi. (2 Korintotɔwo 11:6) Togbɔ be nanewo li mèwɔna nyuie o hã la, nu gbogbo aɖewo li nèwɔna nyuie. Ne èkpɔ nu nyui siwo nèwɔna dze sii la, ana kakaɖedzi nasu asiwò nàɖu ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ɖokui ŋu kple akogotsitsi dzi. Bia ɖokuiwò be, 'Nu kawoe mewɔna nyuie?' Bu ŋutete kple nɔnɔme nyui siwo le asiwò ŋu.\n2. Tsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔŋutɔ. Gbã la, tsɔ ɖe le eme na ame ʋɛ aɖewo. Ðekakpui si ŋkɔe nye Jorge gblɔ be: \"\nAmewo ƒe fɔfɔme kple ale si woƒe dɔwɔnawo le edzi yim ɖeɖe dzaa ta biabia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya wo nyuie.\"\nAɖaŋuɖoɖo: Mèganɔ ha dem kple ame siwo nye hawòtiwo ɖeɖe ko o. Xɔlɔ̃ vavã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ aɖewo tsi wu wo nɔewo sãsãsã. Wo dometɔ aɖewoe nye Rut kple Naomi, David kple Yonatan kpakple Timoteo kple Paulo. (Rut 1:16, 17; 1 Samuel 18:1; 1 Korintotɔwo 4:17) Ðo ŋku edzi be dzeɖoɖo bia be ame sia ame nagblɔ eƒe susu. Amewo dina be woaɖo to yewo ne yewole nu ƒom. Eya ta ne dze menya ɖona na wò o la, ɖo ŋku edzi be womagblẽ dzeɖoɖoa ɖe wò ɖeka dziwò o!\n3. Srɔ̃ '\nale si nàse veve ɖe ame nu.' (1 Petro 3:8) Ne mèda asi ɖe amea ƒe nyaa dzi o hã la, ɖe asi le eŋu wòagblɔ eƒe susu. Kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nya siwo dzi nèda asi ɖo la ŋu. Ne èsusui be ele be yeaɖɔ eƒe susu ɖo le nane gome la, ke wɔe le tufafa kple ŋuɖɔɖo me.\nAɖaŋuɖoɖo: Ƒo nu na amewo ale si nàdi be woaƒo nu na yee. Ðeko nyahehe ɖe amewo ŋu dzodzro, wo koko, wo dzudzu alo fɔbubu wo wòadze abe ame dzɔdzɔe wò ŋutɔ nènye ene, ana woaka ɖa le ŋuwò. Woalɔ̃ wò nya gbɔ wu ne '\nwò nya dzea to ɣesiaɣi.'—Kolosetɔwo 4:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C9%96u-akogotsitsi-dzi\/","date":"2021-09-20T06:22:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966472387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966472387313843}","num_words":315,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 455\nStanza 1\nAnyigba nyui vavã 'ɖe li,\nDziɖulawo nɔƒe;\nŊkeke mavɔ la ɖe zã ɖa,\nDzidzɔ ɖe veve ɖa.\n'Fi ma tsidzidzi mavɔ le\nKple seƒoƒo mavɔ;\nKu nye ƒute goglo, si ma\n'Nyigba sia tso mía gbɔ.\nStanza 2\nGbedzi nyui le tɔ la godo,\nEd'a-ma nyuie ŋutɔ;\nNu si Kanaan nye na Yuda,\nEsi Yordan ma 'me.\nNe míade Mose nɔƒe ko,\nMíakpɔ 'nyigba nyui sia ɖa;\nYordan ƒe tsi kple ku ƒe zã\nMadzi ŋɔ na mí o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-455\/","date":"2021-09-23T17:35:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00079.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996219039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962190389633179}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 428\nStanza 1\nAme sia 'me le kuku ge,\nŊutilã ya anyunyɔ.\nNugbagbewo katã agblẽ,\nHafi yeye nagado.\nNye ŋutilã le gbegblẽ ge\nHafi wòagava gbɔ agbe\nLe Mawu nɔƒe, dziƒo,\nSi wòɖo ɖi na viawo.\nStanza 2\nEya ta matsɔ nye agbe,\nEsi Mawu tsɔ kem la,\nAnɛ le 'ƒe dɔwɔwɔ me,\nEsi me dzidzɔ le fũ.\nElabena makpɔ ɖeɖe\nLe Yesu ƒe abiwo me,\nEsi eƒe ku eɖe\nŊɔdzi le nye ku me nam.\nStanza 3\nEƒe ku enye viɖe nam;\n'Labe tanye wòku ɖo\nHewu xɔxɔ mavɔ nu nam,\nEya ta mada 'kpe nɛ.\nDzidzɔ me mele kuku ge,\nAgblẽ xexeme vɔ̃ɖia ɖi,\nAyi dziƒo, nyuiƒe la,\nAkpɔ Mawu ƒe nyonyo.\nStanza 4\nDzidzɔ le afi ma ŋutɔ,\nDziƒo ƒe keklẽ ƒo xlãm.\nAmewo katã ƒe luʋɔ,\nGbɔgbɔ, siwo yi 'fi ma,\nLe tsitre ɖe Mawu ŋkume,\nLe kafukafuha dzim be:\nKɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe na\nMawu si li tegbee la!\nStanza 5\nMíakpɔ xoxotɔwo 'fi ma\nKple mawunyagblɔlawo,\nYesu ƒe nusrɔ̃lawo hã\nNɔ woƒe zikpuiwo dzi,\nMawusubɔlawo katã,\nAme siwo tre kuku la,\nWo katã le ha dzim na\nAme si xɔ wo ɖ'a-ƒe.\nStanza 6\nO Yerusalem, wò du nyui,\nDu, si le keklẽm tegbee;\nAfi si ame kɔkɔewo\nLe ha viviwo dzim le.\nAfi ma ko yi ge mala,\n'Fi si zãdodo mele o,\nNegbe kekeli sɔŋ ko\nKple ŋutifafa mavɔ.\nStanza 7\nLe xexe sia me la mekpɔa\nDziƒo kɔkɔe la ɖa ʋĩ.\nNe made gama la, maxɔ\nAwu dzadzɛ, si le ɣie,\nKple sikakuku, atsi 'tre\nÐe nye Mawu la ƒe ŋkume,\nAkpɔ dzidzɔ fũu geɖe,\nSi anɔ anyi tegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-428\/","date":"2021-09-23T17:22:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00169.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976868033,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976868033409119}","num_words":262,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 136\nStanza 1\nMawu, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,\nVa nànɔ nye dzi me!\nEsi danye dzim megbe,\nWòe gbugbɔm dzi yeye.\nWòe tso Fofo kple Via me;\nWoƒe bubu le ŋuwò,\nMíele kafuwòm ɖaa.\nStanza 2\nNɔ mía me, bene míakpɔ\nWò ŋusẽdɔwɔwɔ:\nKlɔ nu vɔ̃ ɖa le mía ŋu\nKple míaƒe dzi me hã!\nVa nàɖe mí katã\nTso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ me\nYɔ dɔ na mía luʋɔwo,\nNe míasubɔ wò ɖaa!\nStanza 3\nWò, gbedoɖagbɔgbɔ la,\nVa, ne nàfia mi nyuie,\nAle si míado gbe ɖa,\nWòadze mía Mawu ŋu!\nGbe, si nèdona ɖa,\nEle kɔkɔe, kpɔa ŋusẽ,\nEye wòdea dziƒo ke,\nYi ɖase Mawu gbɔ.\nStanza 4\nWòe nye dzidzɔgbɔgbɔ la,\nMèlɔ̃ be míavɔ̃ o;\nNe míele konyi fam la,\nWòe gafaa 'kɔ na mí.\nLe fukpekpe me hã\nWòe toa nya vivi na mí,\nEye nènye kekeli,\nSi naa dzidzɔ vavã.\nStanza 5\nLɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nènye,\nÈlɔ̃a nɔviwɔwɔ ;\nMèlɔ̃a dzre kple fuléle\nKpakple dɔmedzoe o;\nÈnyɔa ŋu adika.\nNe mía dome eklã la,\nWò lɔlɔ̃ nagabla mí\nLe ŋutifafa me!\nStanza 6\nDzixɔse ƒe gbɔgbɔ la,\nNali ke le mía me,\nBe míadze Yesu yome,\nAkpɔ yayra vavã!\nNya gbɔgbɔ vɔ̃ dz'aglã,\nSi gblẽa wò dɔwɔwɔ la,\nDo go tso míaƒe dzi me,\nBe nàɖu fia le 'me!\nStanza 7\nFia wò lɔlɔ̃nu nyui mí,\nBena míalée ɖ'a-si!\nFia agbexɔxɔmɔ mí,\nBena míazɔ edzi!\nNe mía kuɣi ɖo la,\nNa míadzo kple dzidzɔ gã\nBe míava kpɔ mía xɔla\nLe dziƒo kɔkɔe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-136\/","date":"2021-09-27T07:18:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00009.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963892102,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963892102241516}","num_words":241,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 9 lia dzie wotu nusrɔ̃gbalẽvi sia ɖo. Ðe Biblia gblɔe ɖi be nu nyui aɖewo adzɔ le \"ŋkeke mamlɛawo\" mea? Nu nyui kawoe adzɔ ɖe eyome? Dzro nu si Biblia gblɔ la me.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BDvi\/%C5%8Bkeke-maml%C9%9Bawo-akpa-2\/","date":"2021-10-24T09:10:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323585916.29\/warc\/CC-MAIN-20211024081003-20211024111003-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996527433,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996527433395386}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe sia ƒe la, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi abe ale si tututu wòfia mɔ be woawɔe ene. (Luka 22:19, 20) Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva kpɔ gome le wɔna vevi sia me kpli mí. Àsrɔ̃ nu tso ale si Yesu ƒe agbe kple eƒe ku aɖe vi na wòe la ŋu.\nÐo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/%C5%8Bku%C9%96odzi\/%C9%96o-%C5%8Bku-yesu-%C6%92e-kua-dzi\/","date":"2021-10-21T16:05:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323585424.97\/warc\/CC-MAIN-20211021133500-20211021163500-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997019768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999701976776123}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 444\nStanza 1\nGbem 'gbe Yesu laɖe hamea\nTso futɔwo katã si la,\nAnɔ abe drɔ̃eƒe 'ne,\nEye woƒe tame awɔ\nAbe ŋutega ko ene,\nEvɔ wònye nyateƒee.\nStanza 2\nViviti ladzo le wo gbɔ,\nKu kple vɔvɔ̃ hã nu atso,\nKetɔwo katã latsrɔ̃;\nAvi latrɔ zu dzifafa,\nFukpekpe kple vɔ̃wo labu:\nHadzidzi dzi ko woanɔ̃.\nStanza 3\nKeklẽ sɔŋ ƒo xlã woƒe ta,\nWona ŋutilã yeye wo,\nWozu kɔkɔe, zu blibo.\nWoyɔ taŋtaŋ kple dzidzɔ sɔŋ,\nWole keklẽm sigbe ɣe 'ne,\nEwu míaƒe susu gɔ̃.\nStanza 4\nWoƒe nyɔnyɔ tso 'lɔ̃ me ko\nWoad'a-si nukoko me sã,\nWoanɔ Mawu kafum be:\nMawu wɔ nu gãwo na mí!\nMido Aƒetɔ la ɖe dzi,\nDzi nadzɔ mí kple Yesu!\nStanza 5\nYesu, ɖo ŋku wò nya la dzi,\nVa ɖe mí tso nu vɔ̃ katã me!\nWò koe míele mɔ kpɔm na.\nDo ŋusẽ míaƒe xɔse la,\nNàkplɔ mí ayi kɔkɔeƒe,\n'Fi si míanɔ dedie le!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-444\/","date":"2022-01-28T12:29:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9921615124,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9921615123748779}","num_words":152,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.171,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"17 Nya ɖe Damasko+ ŋu: \"Kpɔ ɖa! Damasko maganye du azɔ o,Azu aƒedo.+ 2 Woagblẽ Aroer+ ƒe duwo ɖi;Woazu teƒe siwo lãhawo atsyɔ akɔ ɖoEye ame aɖeke mado voɖi na wo o. 3 Du sesẽwo nu ayi le Efrayim,+Fiaɖuƒe la nu ayi le Damasko;+Eye Siria ƒe ame susɔeawo ƒe bubuNu ayi abe Israel-viwo tɔ ene,\" aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 4 \"Gbe ma gbe la, Yakob ƒe bubu ayi to,Eye eƒe ŋutilã dami la aɖi ku. 5 Anɔ abe ale si nuŋela ŋea nuku si le bo dzi,Eye eƒe asi ŋea nukui ene,Abe ame si le nuku siwo tsi agble me fɔm le Refaim Bali+ me la ene. 6 Nuku siwo woafɔ koe asusɔ,Anɔ ko abe ale si woƒoa amiti ene: Kutsetse ɖiɖi eve alo etɔ̃ koe tsia eƒe ɖɔme ɖaa.Wo ame ene alo atɔ̃ koe anɔ alɔ tsekuawo dzi,\"+ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ye gblɔe. 7 Gbe ma gbe la, amegbetɔ atrɔ ɖe Ewɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. 8 Matrɔ kɔ ɖe vɔsamlekpui+ siwo nye eƒe asinudɔwɔwɔ ŋu o;+ eye maɖe ŋku ɖe nu si eƒe asibidɛwo wɔ la o, eɖanye Aserawo alo nu siwo dzi wodoa dzudzɔ ɖo o. 9 Gbe ma gbe la, eƒe du sesẽawo azu abe teƒe si wogblẽ ɖi le ave me ene,+Abe atilɔ si amewo gblẽ ɖi le Israel-viwo ŋgɔ ene;Azu aƒedo. 10 Elabena èŋlɔ wò xɔname ƒe Mawu+ la be;Mèɖo ŋku wò Agakpe+ si nye wò mɔ́ sesẽ la dzi o. Esia tae nède agble nyuiwo,Eye nèdo ame tutɔ* ƒe nu miemie fẽwo ɖe wo me. 11 Ètɔ kpɔ ɖe wò agble ŋu le ŋkeke me,Eye èna wò nuku la mie le ŋdi,Gake màŋe nuku aɖeke o le dɔléle kple veve si nu matsi o ƒe ŋkeke la dzi.+ 12 Mise ɖa! Dukɔ geɖewo le ʋunyaʋunya wɔm,Wodze agbo abe atsiaƒu ene! Dukɔwo ƒe hoowɔwɔ,Wo ŋkɔ le ɖiɖim abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene! 13 Dukɔwo ƒe hoowɔwɔ aɖi abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene. Ablu ɖe wo ta, eye woasi ayi didiƒe ke,Woanya wo ɖe nu abe tsro le ya nu le towo dzi,Kple gbe ƒuƒu le ahom nu ene. 14 Fiẽ la, ŋɔdzi li. Hafi ŋu nake la, womegali o. Esiae nye ame siwo le mía ham la tɔ gomeKple ame siwo le adzo dam mí la tɔ nua.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"mawu tutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/17\/","date":"2022-01-26T19:04:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304959.80\/warc\/CC-MAIN-20220126162115-20220126192115-00664.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980933666,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980933666229248}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 275\nStanza 1\nNye xɔxɔ ƒe kpe gbadzaa,\nSitsoƒe mavɔ, ɣlam dzro!\nNa wò ʋu kɔkɔe naklɔ\nNye nu vɔ̃wo katã ɖa;\nEya nye nye xɔxɔ, si\nÐem tso nu vɔ̃ si me keŋ.\nStanza 2\nNye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe\nMadze wò se la ŋu o;\nNe medz'a-gbagba ʋuu hã,\nNe mefa 'vi gɔ̃ hã la,\nMaɖe nye nu vɔ̃ ɖa o,\nNegbe wò lɔlɔ̃ la ko.\nStanza 3\nEsi meda 'he ŋuti,\nMeva wò 'titsoga gbɔ;\nMeƒo ɖi, klɔ ŋutinye!\nMegbɔdzɔ, O, xɔ nam dzro!\nNe mèklɔ ŋutinye o,\nEkema ɖe ko maku.\nStanza 4\nAzɔ ne mele agbe\nAlo ne meva ku la,\nNe viviti gɔ̃ do ɖem\nNe medo ɖe ŋkuwò me,\nNye xɔxɔ ƒe kpe gbadza,\nNa maɣla ɖe gbɔwò dzro!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-275\/","date":"2022-01-28T11:54:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00019.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973044991,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973044991493225}","num_words":124,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 199\nStanza 1\nWode tsi ta nam ɖe wò ŋkɔ dzi,\nMawu Fofo, Vi kple Gbɔgbɔ.\nWobum kpe ɖe wò hame la ŋu,\nÐe wò dukɔ kɔkɔe la ŋu.\nMewɔ ɖeka kple Kristo keŋ,\nEya na eƒe Gbɔgbɔ lam.\nStanza 2\nFofo lɔlɔ̃tɔ, wòe kɔ ŋunye,\nWɔm viwò kple domenyila.\nYesu, wò ku la zu viɖe nam,\nWòe nye nuteƒewɔla nam,\nWò, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, koe nye\nNy'a-kɔfala le fuwo me.\nStanza 3\nNye hã medo vɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃\nKple toɖoɖo ŋugbe na wò,\nEye meɖe adzɔgbe na wò\nBe, wò ɖeka tɔ ko manye,\nEye magbe nu vɔ̃ godoo\nYi ɖase ɖe nye ku me ke.\nStanza 4\nNyateƒe Mawu, le gbɔwò la\nNubabla sia anɔ 'nyi ɖaa.\nFofonye, ne nyea meda dzi hã,\nMègana makpɔ tsɔtrɔ̃ o!\nEye ne medze anyi la,\nVe nunye, eye nàxɔm ko!\nStanza 5\nMawunye, megatsɔ nye luʋɔ\nKple ŋutilã sa vɔ na wò.\nDe nyateƒedzi yeye menye,\n'Ye nàɖu dzinye blibo keŋ!\nƲu toŋ ɖeka hã meganɔ\nMenye, agbe wò nya dzi o!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-199\/","date":"2022-01-28T12:19:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972686768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972686767578125}","num_words":168,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"20 Le ɣleti gbãtɔ me la, Israel ƒe ha blibo la va ɖo Zin gbedzi eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades.+ Afi mae Miriam+ ku ɖo, eye afi mae woɖii ɖo. 2 Ke tsi mele teƒe ma na ha la o,+ eye wotso ɖe Mose kple Aron ŋu. 3 Eye dukɔ la kpe dzre kple Mose+ gblɔ be: \"Ne ɖe míeku esime mía nɔviwo ku le Yehowa ŋkume la, ne enyo wu! 4 Nu ka tae miekplɔ Yehowa ƒe ha la va gbe sia dzi, be mía kple míaƒe lãwo míaku ɖe afi sia?+ 5 Eye nu ka tae miekplɔ mí tso Egipte va teƒe vloe sia?+ Menye teƒe si nuku, gbotsetsewo, waintsetsewo kple yevuboɖawo le o, eye tsi hã mele afi sia míano o.\"+ 6 Eye Mose kple Aron dzo le ha la ŋkume yi takpegbadɔa nu eye wotsyɔ mo anyi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo wokpɔ.+ 7 Yehowa gblɔ na Mose be: 8 \"Tsɔ atikplɔ la, eye wò kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye nàƒo nu na agakpe la le wo ŋkume, ne wòana tsi mi, eye nàna tsi nado tso agakpe la me na ha la kple woƒe lãwo woano.\"+ 9 Ale Mose tsɔ atikplɔ la le Yehowa ŋkume,+ abe ale si tututu wògblɔ nɛ ene. 10 Eye Mose kple Aron yɔ ha la ƒo ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: \"Mi aglãdzelawo, misee! Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?\"+ 11 Eye Mose kɔ asi dzi hetsɔ atikplɔ la ƒo agakpe la zi eve, ale tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo de asi enono me.+ 12 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: \"Esi miexɔ dzinye se hekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋkume o ta la, miakplɔ ha sia ayi anyigba si matsɔ ana wo la dzi o.\"+ 13 Esiae nye Meriba* tsi,+ elabena Israel-viwo wɔ dzre kple Yehowa, eye wòkɔ eɖokui ŋu le wo dome. 14 Emegbe Mose dɔ amewo tso Kades ɖo ɖe Edom-fia+ gbɔ be: \"Ale nɔviwò Israel+ gblɔe nye esi, 'Wò ŋutɔ ènya fukpekpe siwo katã me míeto la nyuie. 15 Mía fofowo yi Egipte,+ eye míenɔ Egipte ƒe* geɖe;+ Egiptetɔwo wɔ fu mía kple mía fofowo.+ 16 Mlɔeba míedo ɣli na Yehowa,+ eye wòse míaƒe gbe, eye wòdɔ mawudɔla+ aɖe ɖa wòkplɔ mí dzoe le Egipte, kpɔ ɖa, fifia míele Kades, du si le wò liƒo ŋu la me. 17 Míeɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi. Míato agble alo waingble aɖeke me o, eye míano vudo aɖeke me tsi o. Fia Ƒe Mɔ la dzi míato. Míadze ɖe ɖusime alo miame o, va se ɖe esime míeto wò anyigba la dzi yi.'\"+ 18 Ke Edom ɖo eŋu nɛ be: \"Màto nye anyigba dzi o. Ne ètee kpɔ la, mado kple yi ava kpe wò.\" 19 Eye Israel-viwo gblɔ nɛ be: \"Míedi be míato mɔ gã la dzi ko ava yi, eye ne mía kple míaƒe lãhawo míeno wò tsi la, ekema míaxe fe ɖe eta.+ Ðeko míedi be míazɔ to edzi ava yi, esia ko biam míele.\"+ 20 Ke egblɔ be: \"Miato edzi ayi o.\"+ Eye Edom tsɔ aʋakɔ gã aɖe si sesẽ la do go va wo kpe ge. 21 Ale Edom gbe gbidigbidi be yemaɖe mɔ Israel nato yeƒe anyigba dzi ayi o. Eya ta Israel gɔdɔ̃ mɔ to eŋu.+ 22 Israel ƒe ha blibo la katã ho tso Kades heva Hor To la gbɔ.+ 23 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Hor To la gbɔ le Edom-nyigba ƒe liƒo dzi be: 24 \"Woatsɔ Aron akpe ɖe eƒe amewo ŋu;*+ mage ɖe anyigba si matsɔ ana Israel-viwo la dzi o, elabena mi ame evea miewɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi ku ɖe Meriba tsi la ŋu o.+ 25 Kplɔ Aron kple viaŋutsu Eleazar miayi Hor To la dzi. 26 Eye nàɖe Aron ƒe awuwo+ le eŋu ado na via Eleazar,+ Aron aku le afi ma.\" 27 Eye Mose wɔ abe ale si tututu Yehowa gblɔ ene, wolia Hor To la esi ha blibo la nɔ wo yome kpɔm. 28 Eye Mose ɖe Aron ƒe awuawo le eŋu tsɔ do na viaŋutsu Eleazar. Emegbe Aron ku le afi ma, le toa tame.+ Eye Mose kple Eleazar ɖi tso to la dzi. 29 Esi ha blibo la kpɔe be Aron ku la, Israel ƒe aƒe blibo la katã fa Aron ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Dzrewɔwɔ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋkeke.\"\n^ Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/4-mose\/20\/","date":"2022-05-19T06:05:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662525507.54\/warc\/CC-MAIN-20220519042059-20220519072059-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995599389,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995599389076233}","num_words":724,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! April 2006 Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ! Nusi Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ Dzi Nedzɔ Wò le Mɔkpɔkpɔ Me Atitsoga Ŋue Yesu Ku Ðo Vavãa? Mawu Vavã Ðeka Pɛ Koe Lia? Aleke Mawɔ Agbe Gbɔdɔnyawo Le Suku? Xɔlɔ̃dzedze Le Suku—Afikae Wòle Be Wòase Ðo? Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Ƒe Siwo Me Wokpɔa Dzidzɔ Le Wu Yea? Te Nɔnɔ Ðe Tsitsi Me Kuxiwo Nu Ðekakpui me Ŋusẽ Me Nɔnɔ Tegbee! 'Medi be Masubɔ Mawu Hafi Maku' Aleke Nàɖo Wo Ŋui?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200604\/","date":"2022-05-19T06:49:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662525507.54\/warc\/CC-MAIN-20220519042059-20220519072059-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980922937,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980922937393188}","num_words":78,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesaya\nƒe agbalẽ\n1\n1 Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli.\nDukɔ dzeaglã la\n2 O! Dziƒo kple anyigba,\nmiɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le.\nYehowa be:\n\"Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo\nkple beléle la dze aglã ɖe ŋunye.\n3 Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ,\neye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe,\nke Israel menyam o,\neye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.\"\n4 O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃,\name siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo,\nnu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo,\nvi siwo nye nu tovo wɔlawo,\nwogbe nu le Yehowa gbɔ,\nwodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la,\neye wotrɔ megbe dee.\n5 Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi?\nNu ka ta miegale aglãdzedze dzi?\nMiaƒe ta katã xɔ abi,\neye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.\n6 Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la,\nteƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo,\ndodrowo, abi mumu siwo womeklɔ\nhaɖe o alo ɖo amii loo\nalo bla o la koe li.\n7 Miaƒe anyigba zu gbegbe,\nwotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume,\ndu bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo,\neye wogblẽ miaƒe anyigba\nabe ale si amedzrowo wɔna ene.\n8 Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si\nle waingble me ene,\nabe agblexɔe le dzamatregble me ene,\neye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene.\n9 Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la,\nanye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã,\nabe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame\nle Sodom kple Gomora ene.\n10 Mise Yehowa ƒe nya,\nmi Sodom dziɖulawo,\nmilé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu,\nmi Gomoratɔwo!\n11 \"Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe,\nnu ka wonye nam?\" Yehowae gblɔe.\n\"Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna\nkple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la,\nwu tsɔtsɔ nam.\nNyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo\nƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.\n12 Ne miedo ɖe nye ŋkume la,\name kae bia esia tso mia si be,\nmianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?\n13 Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ!\nMiaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo\nmedoa dzidzɔ nam o.\nNyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi\nsiwo nye dzinu yeyewo,\nDzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.\n14 Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo\nkple ŋkekenyui bubuawo.\nWozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.\n15 Ne miele gbe dom ɖa,\nkeke miaƒe abɔwo me la,\nmaɣla nye ŋkume ɖe mi,\neye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la,\nnyemaɖo to mi o,\nelabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.\n16 \"Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ.\nMiɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume!\nMidzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,\n17 ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ!\nMidi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na\name siwo wote ɖe anyi.\nMiʋli tsyɔ̃eviwo ta,\neye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.\n18 \"Miva, mina míade ŋugble ɖekae,\"\nYehowa gblɔe.\n\"Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã\nabe nyagãdzĩ ene hã la,\nwoafu abe ɖetifu ene.\nNe wobiã abe ʋu ene hã la,\nwoafu abe alẽfu ɣi ene.\n19 Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la,\nmiaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.\n20 Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.\"\nElabena Yehowa ƒe nue gblɔe.\n21 Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ\nkple dzɔdzɔenyenye le eme,\nezu hlɔ̃dolawo ƒe du.\n22 Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye,\nke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene.\n23 Wò dumegãwo zu aglãdzelawo\nkple fiafiwo xɔlɔ̃,\nwolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome.\nWomeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o,\neye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.\n24 Eya ta ale Aƒetɔ,\nYehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,\nIsrael ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi.\n\"O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me,\neye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.\n25 Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu,\natsra mia me, eye maɖe nu kuklui\nsiwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me.\n26 Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi\nabe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi\nabe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.\nEmegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye\nkple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.\"\n27 Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso,\neye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye.\n28 Ke woagbã aglãdzelawo\nkple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu,\neye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ.\n29 \"Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu\nmiekpɔa dzidzɔ le la ŋu;\nwoade ŋukpe mo na mi le\nabɔ siwo mielɔ̃na la ta.\n30 Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ\nkple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene.\n31 Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu,\neƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi,\nwo ame eve la woabi,\neye ame aɖeke mate ŋu atsii o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/ISA01.htm","date":"2022-05-17T05:06:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00501.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988186359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988186359405518}","num_words":772,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tenɔnɔ Ðe Afɔkuwo Nu\n\"Nu ɖeka pɛ hã meli nàwɔ le gbesiagbegbenɔnɔ me—anyimɔmlɔ hã le eme—si me afɔku mele le agbe me o.\"—Discover magazine.\nWOTSƆ agbenɔnɔ sɔ kple afisi woɖi tomebɔmbwo ɖo zɔzɔ, elabena nuvevi ate ŋu awɔ wò alo nàku le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, eye zi geɖe la, adzɔ le wò manyamanya me. Nusiwo hɛa afɔkuwo vɛ le vovovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Wo dometɔ aɖewoe nye lɔrifɔkuwo, dukɔmeviʋa, dɔwuame, AIDS, kansa, dzidɔ, kple nu bubu geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe nuto me la, AIDS va zu dɔléle si wua ame wu dɔ ɖesiaɖe, eye le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, U.S.News & World Report gblɔ be \"ewu ame miliɔn 2.2, amesiwo sɔ gbɔ wu esiwo ku le dukɔmeviʋa siwo katã dzɔ le Afrika me teƒe 10.\"\nLe ɣeyiɣi sia ke me la, xexea zãa ga biliɔn geɖe ɖe amewo ƒe agbenɔƒe dzidzi ɖe edzi kple nusiwo hea dɔléle kple wɔametɔnyenye vɛ dzi ɖeɖe akpɔtɔ ŋu. Susu siwo wodo ɖa la dometɔ geɖe, abe nuɖuɖu kple nunono le nunya me kple kamedede ene, ate ŋu ahe viɖe aɖewo vɛ. Gake nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le tso agbenɔnɔ ƒe akpa vevi ɖesiaɖe ŋu tsoƒe aɖe li si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse vivi na agbe le\ndedienɔnɔ me wu. Nyatakakatsoƒe mae nye Biblia. Nusiwo ŋu míetsia dzi ɖo, abe míaƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ ene, ŋu mɔfiame geɖe le eme. Gake Biblia meƒo nu tso kuxi ɖesiaɖe ŋu tsitotsito o. Ke hã gɔmeɖose nyui siwo afia mɔ mí le nuwo abe nuɖuɖu, lãmesẽ, tamesusu ƒe nɔnɔme, gbɔdɔdɔ, aha muame zazã, atama, kple atike siwo wobe wonye modzakaɖetikewo, kple nu bubu geɖewo ene ŋu la le eme.\nGakuxiwo hã le fu ɖem na ame geɖe le agbe me. Biblia kpe ɖe mía ŋu le akpa sia hã. Menye nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ le ga ŋu kple gazazã nyuie ƒe dzi koe wòde ƒo o, ke efia alesi woanye dɔwɔvi alo dɔtɔ nyui hã. Kpuie ko la, Biblia nye mɔfiala nyui, menye le ga kple lãmesẽ nyawo ɖeɖeko me o, ke le agbe ŋutɔ ŋuti hã. Àdi be yeanya alesi Biblia ƒe mɔfiame ate ŋu awɔ dɔ egbea? Ke taflatse yi nuxexlẽa dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010201\/Ten%C9%94n%C9%94-%C3%90e-Af%C9%94kuwo-Nu\/","date":"2022-06-26T23:54:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103322581.16\/warc\/CC-MAIN-20220626222503-20220627012503-00725.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994879365,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994879364967346}","num_words":367,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 Esi wòle dodom le gbedoxɔa me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: \"Nufiala, kpɔ kpe siawo kple xɔ siawo gbegbe ɖa!\"+ 2 Ke Yesu gblɔ nɛ be: \"Èle xɔ gãgã siawo kpɔma? Womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.\"+ 3 Esi wòbɔbɔ nɔ Amitoa dzi dze ŋgɔ gbedoxɔa la, Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea ɖeɖe va biae be: 4 \"Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye nu siawo katã ƒe nuwuɣi ƒe dzesi?\"+ 5 Eye Yesu gblɔ na wo be: \"Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagaflu mi o.+ 6 Ame geɖewo ava yɔ nye ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu agblɔ be: 'Nyee,' eye woaflu ame geɖewo. 7 Eye ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo la, dzika megatso mia ƒo o; ele be nu siawo nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.+ 8 \"Elabena dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu;+ anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo; nuɖuɖu hã ave.+ Nu siawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.+ 9 \"Ke miawo la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie. Amewo akplɔ mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo,+ eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo,+ eye woana miatsi tsitre ɖe nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.+ 10 Eye ele be woaɖe gbeƒã nya nyui la le dukɔwo katã me gbã.+ 11 Ke ne wokplɔ mi yina ʋɔnudrɔ̃ƒe la, migatsi dzimaɖi le nya si miagblɔ ŋu o; ke boŋ nya sia nya si woana mi le gaƒoƒo ma me la, migblɔe, elabena menye miawoe le nu ƒom o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe lae.+ 12 Gawu la, nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade vi asi, eye ɖeviwo atso ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo.+ 13 Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.+ Ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu+ la, eyae akpɔ ɖeɖe.+ 14 \"Ke ne miekpɔ ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ+ la wòle afi si mele be wòanɔ o la, (nuxlẽla newɔ gɔmesese ŋu dɔ) ekema ame siwo le Yudea nasi ayi towo dzi.+ 15 Ame si le xɔ ta la megaɖi alo ayi eme be yeatsɔ nane tso yeƒe xɔ me o, 16 eye ame si le agble la nagatrɔ agbɔ be yeatsɔ yeƒe awudziwui o. 17 Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam vi le ŋkeke mawo me!+ 18 Minɔ gbedodoɖa dzi be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋɔli me o; 19 elabena ŋkeke mawo anye xaxa+ si tɔgbi meva kpɔ tso esime Mawu wɔ xexea va se ɖe fifi o, eye etɔgbi megale vava ge ake o.+ 20 Le nyateƒe me la, ne ɖe Yehowa* metso ŋkeke mawo dzi o la, ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o. Ke le ame tiatiawo ta la, etso ŋkeke mawo dzi.+ 21 \"Eye ne ame aɖe gblɔ na mi be, 'Kpɔ ɖa, Kristo la le afii!' alo 'Kpɔ ɖa, eyae nye ema ɖaa!' la, migaxɔe se o.+ 22 Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ado,+ eye woawɔ dzesiwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo. 23 Eya ta minɔ ŋudzɔ.+ Mena toklã mi tso nya sia nya ŋu. 24 \"Ke le ŋkeke mawo me le xaxa ma megbe la, ɣe ado viviti, eye ɣleti magaɖi o,+ 25 ɣletiviwo anɔ gegem tso dziƒo, eye woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo. 26 Ɣemaɣi la, woakpɔ Amegbetɔvi la+ le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ gã kpakple ŋutikɔkɔe.+ 27 Eye wòadɔ mawudɔlawo ɖa wòaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi,* tso anyigba ƒe seƒe va se ɖe dziƒo ƒe seƒe ke.+ 28 \"Ke misrɔ̃ nu sia tso gboti ŋu: Ne eɖe alɔ fẽwo, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo.+ 29 Nenema kee ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Amegbetɔvi la gogo ʋɔtruawo nu.+ 30 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.+ 31 Dziƒo kple anyigba nu ava yi,+ ke nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.+ 32 \"Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo la ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.+ 33 Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ,+ elabena mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la o.+ 34 Ele abe ŋutsu aɖe si zɔ mɔ yi duta, eye wògblẽ eƒe aƒe ɖi la ene. Ena ŋusẽ eƒe kluviwo,+ ede dɔ asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wòde se na agbonudzɔla la be wòanɔ ŋudzɔ.+ 35 Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔ la le vava ge o,+ eɖanye fiẽ alo zãtiƒe alo do ŋgɔ na fɔŋli* alo ŋdi kanya o;+ 36 ale be ne eva ɖo le vo me la, wòagakpɔ mi le alɔ̃ me o.+ 37 Ke nya si gblɔm mele na mi la, amewo katãe mele egblɔm na be: Minɔ ŋudzɔ.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ya eneawo dzi.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"koklo ƒe atɔkuɣi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/marko\/13\/","date":"2022-06-29T22:57:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103645173.39\/warc\/CC-MAIN-20220629211420-20220630001420-00516.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994322062,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994322061538696}","num_words":784,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Mika*+ si tso Moreset, le ŋutega si wòkpɔ ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia+ siwo nye Yotam,+ Ahaz+ kple Hizkiya+ ŋɔli: 2 \"Mi dukɔwo katã, misee! Oo anyigba kple edzinuwo katã, miƒu to anyi,Eye Yehowa si le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me,Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nanye ɖasefo ɖe mia ŋu.+ 3 Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso enɔƒe gbɔna;Ava zɔ anyigba ƒe kɔkɔƒewo. 4 Towo alólo gbanaa le ete,+Eye baliwo afeAhalólo abe anyixe le dzo nu ene,Anɔ abe ale si tsi sina ne ele aga ɖim ene. 5 Yakob ƒe aglãdzedze tae nu siawo katã dzɔ ɖo,Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo tae.+ Ame ka gbɔe Yakob ƒe aglãdzedze tso? Menye Samaria ye oa?+ Eye ame ka gbɔe wòtso be Yuda wɔ nuxeƒewo?+ Menye Yerusalem ye oa? 6 Eya ta mana Samaria nazu glikpo atsi gbe me,Azu waingbledeƒe;Malɔ eƒe kpewo akɔ ɖe bali me,Eye mana eƒe gɔmeɖokpewo natsi ƒeƒle. 7 Woagbã eƒe legbawo katã gudugudu,+Eye woatɔ dzo nunana siwo katã wòkpɔ le gbolowɔwɔ me.+ Matsrɔ̃ eƒe trɔ̃wo katã. Elabena gbolowɔwɔ mee wòto kpɔ nu siawo,Eye gbolowoe woagatsɔ wo axe fe na.\" 8 Eya ta mafa avi sesĩe ahaƒu asi nu;+Maɖe ama ahazɔ afɔ ƒuƒlu.+ Manɔ xɔxlɔ̃m abe agbotoewo ene,Eye mafa konyi abe golowo* ene. 9 Elabena gbedada mele eƒe abi la ŋu o.+Eva ɖo keke Yuda ke.+ Dɔvɔ̃ la va ɖo nye dukɔ ƒe agbo nu, eva ɖo Yerusalem.+ 10 \"Migagblɔe le Gat o;Migafa avi kura o. \"Mimli le ke me le Bet-Afra.* 11 Mi Safir nɔlawo, miɖe ama, eye miatso eme ava yi kple ŋukpe. Zaanan nɔlawo ya medo go o. Konyifafa axɔ Bet-Ezel, eye wòana sitsoƒe nabu ɖe mi. 12 Elabena Marot nɔlawo le mɔ kpɔm na nyui,Ke vɔ̃ ye ɖi tso Yehowa gbɔ va Yerusalem ƒe agbo la nu. 13 Oo mi Lakis+ nɔlawo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖam ŋu. Miawoe nye Zion vinyɔnu ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmetoto,Elabena mia gbɔe wokpɔ Israel ƒe aglãdzenuwɔnawo le.+ 14 Eya ta miatsɔ nunanawo ado mɔ Moreset-Gat. Akzib+ xɔwoe flu Israel-fiawo. 15 Oo Maresa+ nɔlawo, magakplɔ amedziɖula* la ava ƒu wò.+ Israel ƒe ŋutikɔkɔe la ade Adulam+ ke. 16 Lũ ta kokoe le viwò malɔ̃nugbɔawo ta. Lũ ta wòanɔ abe akaga* tɔ ene,Elabena woɖe aboyo viwòwo hekplɔ wo dzoe le gbɔwò.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Mika nye ŋkɔ Mikael alo Mikaya ŋɔŋlɔ kpuie; Egɔmee nye, \"Ame Kae Le Abe Yehowa Ene.\"\n^ Alo, \"tsatsaboliwo.\"\n^ Alo, \"le Afra ƒe me.\"\n^ Alo, \"amenyala.\"\n^ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia ate ŋu afia \"hɔ̃\" hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mika\/1\/","date":"2022-08-09T01:19:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570879.37\/warc\/CC-MAIN-20220809003642-20220809033642-00127.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987255335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987255334854126}","num_words":402,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abosam—Vɔ̃ɖitɔ si Li Ŋutɔŋutɔa?\nLE MAWUSUBƆLA geɖe gome la, wobua Abosam abe aʋatsodzixɔse me nyakpakpa—amegbetɔwo ƒe nutovɛ aɖe ko—ene. Eyata esi Dionigi Tettamanzi, si nye bisiɔpgã le Genoa—amesi nye Italytɔwo ƒe papatenɔla xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka—ɖo axa 40 ƒe lɛta si wòŋlɔ na hakplɔlawo la ɖe wo ku ɖe alesi woakpe akɔ kple Abosam ŋui la, emenyawo de zitɔtɔ amewo me. \"Se 10\" ye nɔ nusiwo wòŋlɔ me.\nGbãtɔ: \"Mègaŋlɔ be o be abosam li,\" elabena \"alakpa gbãtɔ\" si wòdana enye be \"yeana míaxɔe se be yemeli o.\"\nEvelia: Mègaŋlɔ be o be abosam tea ame kpɔna. . . . Mègabu ɖokuiwò be mate ye akpɔ alo adze ye dzi o.\"\nEtɔ̃lia: \"Mègaŋlɔ be o be nunyalagã kple ayetɔ ŋutɔe abosam nye. Eyia eƒe ayemenuwɔnawo dzi to adzamenuwɔwɔ me, abe alesi wòwɔe kple ame gbãtɔ la ene.\"\nEnelia: \"Nɔ ŋudzɔ: le ŋku kple dzi me. Eye nàsẽ ŋu: le tameɖoɖo kplikpaa kple nuwɔna me.\"\nAtɔ̃lia: \"Ka ɖe alesi Kristo ɖu ametekpɔla sia dzi la dzi vevie\" elabena esia \"ana nànɔ dedie ahaɖe dzi ɖi le amedzidzedze sesẽtɔ kekeake si wòate ŋu ahe va dziwò la gɔ̃ hã me.\"\nAdelia: \"Ðo ŋku edzi be Kristo wɔ wò nènye gomekpɔla le eƒe aʋadziɖuɖua me.\"\nAdrelia: \"Yi edzi nàɖo to Mawu ƒe Nya la.\"\nEnyilia: \"Bɔbɔ ɖokuiwò eye nàlɔ̃ be woado ŋukpe ye.\"\nAsiekelia: \"Do gbe ɖa ɣesiaɣi, ɖeɖimateameŋutɔe,\" be nàte ŋu aɖu tetekpɔ dzi.\nEwolia: \"De bubu Aƒetɔ kple wò Mawu la ŋu eye eya ɖeka ko nàsubɔ.\"\nDɔ kae lɛta sia si woŋlɔ na hakplɔlawo wɔ ɖe wo dzi? Mawuŋununya srɔ̃ƒe si le Milan mexɔ lɛta sia me ɖaŋuɖoɖowo kple dzidzɔ o. Nusrɔ̃ƒe sia tsi tre ɖe eŋu gblɔ be \"ɖeko osɔfo ƒe nufiame sia ɖi abe titinaɣeyiɣiwo me tɔwo ƒe nya ene.\" Nyanuɖela aɖe gblɔ be, \"be woadro fɔbubua katã ɖe abosam dzi ate ŋu awɔe be amewo makpɔ woa [ŋutɔwo] ƒe agbanɔamedziwo adze sii o.\"\nTogbɔ be Biblia meɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔna me tsonu ƒe agba le wo dzi o hã la, ede dzesi Satana Abosam kɔte be enye \"xexe sia me mawu\" si te Yesu kpɔ. Eɖe Satana ƒe ŋusẽ kple eƒe didi be 'yeagbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusuwo' la hã fia.—Korintotɔwo II, 4:4; Mateo 4:1-11\nNyateƒee, abe alesi apostolo Petro ŋlɔe ene la, Satana le \"abe dzata si le gbe ɖem hele ame dim be yeavuvu ami ene.\" (Petro I, 5:8) Mewɔ nuku o be apostolo Yohanes ɖo ŋku edzi na xɔsetɔwo be: \"Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.\" (Yohanes I, 5:19) Ne míeŋe aɖaba ƒu Ŋɔŋlɔ siawo me nuxlɔ̃ameawo dzi o hetsɔ wo vevie la, míanye nunyalawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/Abosam-V%C9%94%CC%83%C9%96it%C9%94-si-Li-%C5%8Aut%C9%94%C5%8But%C9%94a\/","date":"2022-10-03T17:43:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337428.0\/warc\/CC-MAIN-20221003164901-20221003194901-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987059236,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987059235572815}","num_words":424,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àte Ŋu Akpɔ Dzidzemea?\nAmerikatɔ agbalẽŋlɔla Henry Thoreau ŋlɔ le keke ƒe 1854 me ke be: \"Ame akpa gãtɔ xaxa le wo ɖokui me hafi le agbe gake womia nu ɖe edzi.\"\nEdze ƒã be ame akpa gãtɔ ƒe dzi medze eme le eƒe ɣeyiɣia me o. Gake ema anye ƒe 150 siwo va yi. Ðe nuwo trɔ egbea? Alo ɖe Thoreau ƒe nyawo gakpɔtɔ nye nyateƒea? Ke aleke nuwo le le gowòme? Ðe wò dzi dze emea, èle ŋutifafa mea? Alo be mèle dedie o, mènya alesi etsɔme ava nɔ o, eye ne míazã Thoreau ƒe nyawo le mɔ bubu nu la, be 'èxaxa hezi kpia'?\nNUBLANUITƆE la, nu geɖe le xexeame siwo nana be amewo ƒe dzi medzea eme o. Mina míatɔ asi wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko dzi. Le dukɔ geɖe me la, dɔmakpɔwɔe kple fetu si mede naneke o hea hiãkame kple eƒe gakuxiwo vɛ. Le dukɔ bubuwo me la, ame geɖe zãa woƒe ŋusẽ ƒe akpa gãtɔ ɖe kesinɔnuwo kple ŋutilãmenunɔamesiwo yometiti ŋu. Ke hã dzimaɖitsitsi koe hoʋiʋligbenɔnɔ si wòlɔ ɖe eme la hena vɛ zi geɖe, menye dzidzeme o. Dɔléle, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, numadzɔmadzɔwɔwɔ, kple ameteteɖeanyi hã mena amewo nɔa ŋutifafa me o.\nWodi Dzidzeme\nAme geɖe medi be yewoatsɔ nɔnɔmeawo nenema abe alesi wòle xexeame ene o. Antônio * nye dɔwɔlawo ƒe ŋgɔnɔla le adzɔnuwɔƒe gã aɖe le São Paulo, Brazil. Esi wòdi be yeana agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ta la, enɔa eme wolɔa gbɔ tsia tre ɖe dɔmemegãwo ŋu gake esia mena eƒe susu dze akɔ anyi o.\nAme aɖewo kpɔa mɔ be srɔ̃ɖeɖe ana yewoakpɔ tomefafa aɖe sinu le agbe me, gake meva nɔa nenema na wo o. Marcos nye asitsala kpɔdzidzedze aɖe. Eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me eye wòva zu dugã si me dɔwɔƒe gãwo le dzi kpɔla. Gake nuwo menɔ nyonyom le eƒe ƒomea me kura o. Esi viawo dzo le aƒeme la, eya kple srɔ̃a dome klã le masɔmasɔ siwo gbɔ womete ŋu kpɔ o ta.\nGerson, si nye ɖevi aɖe si tsi ablɔ dzi le Salvador,Brazil, di be yeatsa akpɔ nuteƒe. Ezɔa mɔ kple agbatsɔʋukulawo tso du me yi du me. Eteƒe medidi hafi wòzu atikevɔ̃ɖizãla henɔa fi fim be yeatsɔ ayi yeƒe nugbegblẽwɔwɔa dzii o. Kpovitɔwo lée zi geɖe. Gake togbɔ be Gerson nye akpasesẽnuwɔla kple adãnuwɔla hã la, edi vevie be yeƒe dzi nadze eme. Ðe wòate ŋu ava kpɔe gbaɖegbea?\nVania dada ku esime wònye ɖevi, eye aƒea kple nɔvianyɔnu si nye dɔnɔ dzi kpɔkpɔ va nɔ Vania dzi. Vania dea sɔleme gake ese le eɖokui me be Mawu gblẽ ye ɖi. Le nyateƒe me la, eƒe susu medze akɔ anyi o.\nMarcelo hã li. Nusi ko dim Marcelo nɔ enye be yeaɖu agbe. Kplɔ̃ɖoƒewo dede kple sɔhɛ bubuwo—anɔ ɣe ɖum, anɔ aha nom, ahanɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm yakayaka—dzɔa dzi nɛ. Ɣeaɖeɣi la, eda kɔ kple sɔhɛ bubu aɖe eye wòde abi eŋu. Emegbe la, evee be yewɔ nu nenema eye wòdo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Eya hã di be yeƒe susu nadze akɔ anyi.\nNuteƒekpɔkpɔ siawo ɖe nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu agblẽ ame ƒe tomefafa me la fia. Ðe mɔ aɖe li si dzi dɔwɔlawo ŋgɔnɔla la, dunyahela la, ɖevi si tsi ablɔ dzi, nyɔnuvi si dzi agba gã nɔ, kple kplɔ̃ɖoƒedela la ate ŋu ato akpɔ dzidzeme si dim wonɔ la? Ðe nusi dzɔ ɖe wo dzi la fia nane mía? Biabia eveawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ẽ, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nÐe nèdia dzidzeme veviea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000701\/%C3%80te-%C5%8Au-Akp%C9%94-Dzidzemea\/","date":"2022-10-02T12:54:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337322.29\/warc\/CC-MAIN-20221002115028-20221002145028-00654.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986835718,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986835718154907}","num_words":590,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Eye Yehowa ƒe dɔla+ tso Gilgal+ yi Bokim eye wògblɔ be: \"Mekplɔ mi tso Egipte va anyigba si ŋu meka atam ɖo na mia tɔgbuiwo la dzi.+ Eye megblɔ hã be: 'Nyematu nu, si mebla kpli mi la gbeɖe o.+ 2 Migabla nu kple anyigba sia dzi nɔlawo o,+ eye migbã woƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi.'+ Ke mieɖo to nye gbe o.+ Nu ka ŋuti miewɔ alea ɖo? 3 Eya ta nye hã megblɔ be: 'Nyemanya wo ɖa le mia ŋgɔ o,+ woazu mɔ̃ na mi,+ eye woatsɔ woƒe mawuwo akplɔ mi atrae.'\"+ 4 Esi Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, dukɔ la fa avi hoo. 5 Eya ta wona ŋkɔ teƒe la be Bokim,* eye wosa vɔ le afi ma na Yehowa. 6 Esi Yosua na dukɔa dzo la, Israel-viwo dometɔ ɖe sia ɖe yi anyigba si dome wònyi la dzi ne wòaxɔe.+ 7 Eye dukɔ la yi edzi subɔ Yehowa le Yosua ƒe agbemeŋkekewo katã kple ame tsitsi siwo ganɔ agbe le Yosua ƒe ku megbe, siwo kpɔ dɔ gã siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, ƒe agbenɔɣi katã.+ 8 Eye Yehowa ƒe subɔla Yosua, Nun vi la, ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.+ 9 Eye woɖii ɖe anyigba si dome wònyi la dzi le Timna-Heres+ le Efrayim tonuto la me le Gaas To la ƒe dziehe gome.+ 10 Dzidzime ma katã ku eye wotsɔ wo kpe ɖe wo tɔgbuiwo ŋu,* eye dzidzime bubu va ɖe wo yome, ame siwo medze si Yehowa alo nya dɔ siwo wòwɔ na Israel la o. 11 Eya ta Israel-viwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye wosubɔ Baalwo.+ 12 Ale wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi+ la ɖi. Wodze mawu bubuwo, siwo nye dukɔ siwo ƒo xlã wo godoo la ƒe mawuwo yome,+ eye wode ta agu na wo tsɔ do dziku na Yehowa.+ 13 Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal kple Astoret legbawo.+ 14 Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu, ale be wòtsɔ wo de asi na adzohawo woda adzo wo.+ Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo+ la, eye womegate ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.+ 15 Afi sia afi si woyi la, Yehowa ƒe asi sẽna ɖe wo dzi, ale be vɔ̃ tua wo,+ abe ale si Yehowa gblɔ na wo kple ale si Yehowa ka atam na woe ene,+ eye woɖo xaxa me ŋutɔ.+ 16 Eya ta Yehowa ɖoa ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖea wo tso adzohawo si me.+ 17 Gake wogbe toɖoɖo ʋɔnudrɔ̃lawo gɔ̃ hã, wowɔa ahasi kple mawu bubuwo, eye wodea ta agu na wo. Wotrɔ ɖa kaba tso mɔ si dzi wo tɔgbuiwo, ame siwo ɖo to Yehowa ƒe sededewo,+ zɔ la dzi. Womewɔ nu abe wo tɔgbuiwo ene o. 18 Ɣesiaɣi si Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo+ la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃laa, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo si me le ʋɔnudrɔ̃la la ƒe ŋkekewo katã me; elabena ewɔa nublanui na*+ Yehowa ne ame siwo te wo ɖe anyi+ kple ame siwo sẽ ŋuta le wo ŋu na wole hũ ɖem. 19 Ke ne ʋɔnudrɔ̃la la ku la, wogawɔa nu gbegblẽ ɖe edzi wu wo fofowo, wodzea mawu bubuwo yome, eye wosubɔa wo hedea ta agu na wo.+ Womeɖea asi le woƒe nuwɔnawo kple woƒe tosesẽ la ŋu o. 20 Mlɔeba Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu+ wògblɔ be: \"Esi dukɔ sia tu nu, si mebla+ kpli wo tɔgbuiwo, eye womeɖo to nye gbe o+ ta la, 21 nye hã nyemanya dukɔ siwo Yosua kpɔtɔ ɖi hafi ku la dometɔ ɖeka pɛ hã ɖa le wo ŋgɔ o.+ 22 Ne matsɔ wo ado Israel kpɔ be woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ+ ŋu ahazɔ edzi, abe ale si tututu wo fofowo lé ŋku ɖe eŋu ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o hã.\" 23 Eya ta Yehowa ɖe mɔ dukɔ siawo tsi anyi. Menya wo ɖa zi ɖeka o, eye metsɔ wo de asi na Yosua o.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Avifalawo.\"\n^ Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.\n^ Alo, \"evea.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%B2%C9%94nudr%C9%94%CC%83lawo\/2\/","date":"2022-10-05T06:38:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337537.25\/warc\/CC-MAIN-20221005042446-20221005072446-00780.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995402098,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995402097702026}","num_words":666,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso kele ƒe ŋkeke 14 lia dzi kee mɔ nu kpɔkpɔ su dɔwɔƒe siwo trɔ na asi le agbleme nukuwo nu xena ɖuɖu be woƒe dɔwo wɔwɔ nanɔ wodzoe na wo. Dziɖuɖua ɖi teƒe aɖe anyi sime mía ŋɔli me mɔ̃ tɔxɛ vovovowo le le tsevie nutoame. Á ɖevi ne dɔwɔƒe siwo le ziɔ kple aƒu ŋuti nutoawo me le Togo le wo ƒe agbleme nukuwo tɔtrɔ me. @télévision direct7","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/direct7.tg\/te%C6%92e-t%C9%94x%C9%9B-%C9%96e-su-agbleme-nuku-d%C9%94w%C9%94lawo-si\/","date":"2022-12-05T22:03:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446711045.18\/warc\/CC-MAIN-20221205200634-20221205230634-00860.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952560067,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952560067176819}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe Bibliasɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnuwo kple numekugbalẽwo, siwo ta màxe fe ɖo o, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be Biblia sɔsrɔ̃ le ɖokuiwò si naganyo ɖe edzi, eye nàse Mawu ƒe Nyaa gɔme geɖe wu. Zã míaƒe Biblia si ŋu dɔwɔnu vovovowo kpe ɖo, si le Internet dzi nàte ŋu azã faa be wòakpe ɖe ŋuwò wò Bibliasɔsrɔ̃ nanyo wu. Zã míaƒe Internet dzi Biblianusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa nàtsɔ asrɔ̃ Biblia le ɖokuiwò si. Na Biblia sɔsrɔ̃ ƒe videowo, Biblia ŋuti numekugbalẽ, Biblia ƒe anyigbatatagbalẽ, Bibla me nya tɔxɛwo gɔmeɖeƒe kple Biblia sɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu bubuwo nakpe ɖe ŋuwò wò Biblia sɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi.\nDzro Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si nye Biblia si gɔme woɖe wòsɔ pɛpɛpɛ eye exexlẽ le bɔbɔe la ƒe akpa vovovoawo me.\nBiblia Sɔsrɔ̃ Ƒe Videowo\nNya veviwo kple nyatakaka bubu siwo ku ɖe Biblia-gbalẽ ɖe sia ɖe ŋu.\nVideo kpui siawo ɖo Biblia me biabia veviwo ŋu. Biabia siawo dometɔ aɖewoe nye: Nu ka tae Mawu wɔ anyigba la? Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? kple Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?\nBiblia-srɔ̃gbalẽwo Kple Numekugbalẽwo\nInsight on the Scriptures nye numekugbalẽ aɖe si nàte ŋu azã atsɔ aku nu me tso nu gbogbo aɖewo ŋu. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nya siwo ku ɖe amewo, teƒewo, atiwo kple numemiewo, lãwo, nudzɔdzɔ ɖedzesiwo, lododowo kple kpɔɖeŋu siwo le Biblia me ŋu. Àte ŋu akpɔ anyigbatatawo, fotowo kple nutatawo le agbalẽ sia ƒe kɔpi si nàte ŋu awɔ la me; azɔ hã, nyatiwo kple mawunyakpukpuiwo diƒe le eme.\nAgbalẽ gbadza si nye The Bible—What Is Its Message? alo La Bible : quel est son message ? nye Biblia biboa ƒe totoɖeme, eye wòƒo nu tso nyati vevi si ŋu Biblia ku ɖo la ŋu.\n'Kpɔ Anyigba Nyui la Ða' nye Biblia ƒe anyigbatatagbalẽ si me teƒe vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe anyigbatatawo kple nyatakakaɖaka geɖewo le, vevietɔ Ŋugbedodonyigbaa le ɣeyiɣi vovovowo me.\nŊɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe nye agbalẽvi si me mawunyakpukpuiwo kple wo ŋuti numeɖeɖe kpuiwo le na ŋkeke ɖe sia ɖe.\nNenye be èle Biblia xexlẽ gbe sia gbe ƒe ɖoɖo dim, ne èdi be yeaxlẽ Biblia me ŋutinyawo, alo nèdi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo na ame siwo di be yewoadze exexlẽ gɔme la, ɖoɖowɔɖi sia akpe ɖe ŋuwò.\nÀkpɔ Biblia me biabia siwo ku ɖe nyati vovovowo abe Mawu, Yesu, ƒome kple fukpekpe ene ŋu kpakple woƒe ŋuɖoɖowo le afi sia.\nKpɔ gɔmesese si tututu le mawunyakpukpui kple nyagbe nyanyɛwo ŋu.\nDi Biblia me nyatiwo le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le Internet dzi.\nNa Ame Aɖe Nasrɔ̃ Biblia Kple Wò\nAte ŋu azã Biblia gɔmeɖeɖe ɖe sia ɖe ne èle nu srɔ̃m le Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si Yehowa Ðasefowo wɔna kple amewo femaxee la me. Àte ŋu akpe wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo be woawɔ ɖeka kpli wo faa.\nDzro Biblia me biabia aɖe me, alo srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/","date":"2023-02-02T14:34:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500028.12\/warc\/CC-MAIN-20230202133541-20230202163541-00392.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993546605,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993546605110168}","num_words":480,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia—Enye Agbenɔnɔ Ŋuti Mɔfiagbalẽ\n\"MAWU ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.\" (Hebritɔwo 4:12) Nusi Mawu ƒe Nya ate ŋu awɔ ŋuti nuɖɔɖɔ sia ɖo kpe edzi nyateƒe be menye agbalẽ dzro aɖe koe Biblia nye o.\nMawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔe wòsɔ nyuie be: \"Eƒe gbedasia le vevie na míaƒe agbe abe ya si míegbɔna ene.\" Egblɔ kpee be: \"Ne ède ŋugble le míaƒe nudzodzrowo kple alesi míehiã dɔyɔyɔ egbeae ŋu eye nètsɔ nukpɔsusu ma xlẽ Biblia la, emetsonuwo wɔa nuku ŋutɔ.\" Abe akaɖi si klẽna nyuie ene la, Biblia naa egbeŋkekea me gbenɔnɔ ŋuti biabia ɖefuname geɖe kple kuxiwo ŋu numekɔkɔ.—Psalmo 119:105.\nVavãe ŋusẽ le nunya si dze le Biblia me la ŋu be wòatrɔ asi le míaƒe nuŋububu ŋu, wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ, ahatrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu wòanyo ɖe edzi, eye wòana míasu te akpe akɔ kple nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o. Vevietɔ wu la, Biblia kpena ɖe mía ŋu be míanya Mawu ahalɔ̃e.\nAgbalẽ si Naa Taɖodzinu Ame\nYehowa Mawu, amesi nye Biblia Ŋlɔla la 'nya míaƒe mɔwo katã.' Enya nu geɖe tso míaƒe ŋutilãme, seselelãme, kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo ŋu wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. (Psalmo 139:1-3) Ameŋububutɔe la, ena alesi amegbetɔ anɔ agbee ŋuti sededewo wo me kɔ nyuie. (Mixa 6:8) Nunya le eme be míadze agbagba ase se kple mɔfiame mawo gɔme ahasrɔ̃ alesi míanɔ agbe ɖe wo nui. Hakpala la gblɔ be dzidzɔtɔe nye amesi 'kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu. Nusianu si wòwɔna la dzea edzi nɛ.' (Psalmo 1:1-3) Le nyateƒe me la, ehiã be míalé ŋku ɖe nukpɔsusu sia ŋu.\nMaurice, si nye sukunufiala si xɔ dzudzɔ le dɔme xɔe se tso ɣeaɖeɣi ke be asixɔxɔ aɖe le Biblia ŋu le ŋutinya kple agbalẽsɔsrɔ̃ gome. Ke hã ekea ɖi be etso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Le nusita Mawu tsɔ eƒe Nya si wòŋlɔ la na amegbetɔwo ŋuti numekɔkɔ si Maurice ɖo to se vɔ megbe la, edzro Biblia me nyagblɔɖi vovovowo me. Esrɔ̃ blemaŋutinya, blemanuŋɔŋlɔwo, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple anyigbaŋutinunya le eƒe ɖekakpui me. Elɔ̃ ɖe edzi be yewɔ ye ɖokui nunyalae akpa si na be yemete ŋukpɔ kpɔɖeŋu gbogbo siwo ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi dze sii o. \"Dzidzeme, kesinɔnu, kple agbe me dzidzɔdonamenuwo yomenɔnɔ gɔmesesemanɔŋutɔe ɖem abe mɔ̃ ene. Nublanuitɔe la, nyemenya naneke tso alesi agbalẽ vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ nyoe eye wònye nyateƒee la ŋu o.\"\nEsi Maurice, si le eƒe ƒe 70-awo me fifia, nɔ nya gblɔm ku ɖe nuŋlɔɖi si ƒo nu tso Yesu ƒe eɖokui ɖeɖefia Toma ŋu la, egblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: \"Wolé nye asi de 'abiteƒe' la me, si ɖe ɖikeke ɖesiaɖe ɖa le nye susu me si na mexɔ edzi se bliboe be Biblia nye nyateƒegbalẽ.\" (Yohanes 20:24-29) Abe alesi apostolo Paulo gblɔe wòsɔ nyuie ene la, Biblia ɖea dzimedidiwo ɖe go, eye wònaa gɔmesese nɔa agbe ŋu. Enye agbenɔnɔ ŋuti mɔfiagbalẽ nyateƒe.\nEdoa Ŋusẽ Ame Hena Tenɔnɔ Ðe Agbemekuxiwo Nu\nAzɔ hã Biblia naa aɖaŋuɖoɖo si kpena ɖe amewo ŋu woɖea asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu. Daniel te ŋu ɖu nuwɔna makɔmakɔ siwo nye atamanono, agbeblibaɖuɖu kple ahamumu siaa dzi. (Romatɔwo 13:13; Korintotɔwo II, 7:1; Galatiatɔwo 5:19-21) Le nyateƒe me la, asiɖeɖe le nuwɔna mawo ŋu keŋkeŋ ahado 'amenyenye yeyea' bia agbagbadzedze blibo. (Efesotɔwo 4:22-24) Daniel gblɔ be: \"Enye nu sesẽ, elabena míede blibo kura o.\" Ke hã ekpɔ dzidzedze. Fifia la, Daniel xlẽa Mawu ƒe Nyaa gbesiagbe, eye ena woa kple Yehowa dome le kplikplikpli.\nEsi Daniel nɔ tsitsim le ƒe me la, edea bubu deto Biblia ŋu ɣesiaɣi—togbɔ be mexlẽe kpɔ o hã—eye edoa gbe ɖa na Mawu zã sia zã. Gake nane bu ɖee. Dzi menɔ edzɔm o. Nusi na wòtrɔe nye Mawu ƒe ŋkɔ si wòkpɔ le Biblia me zi gbãtɔ. (Mose II, 6:3; Psalmo 83:19) Tso ɣemaɣi dzi la, ezãa Yehowa ƒe ŋkɔ ne ele gbe dom ɖa, eye eƒe gbedodoɖawo va nye eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔwo. \"Mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli ŋutɔ, eye vaseɖe fifia la, míenye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.\"\nHafi Daniel nava srɔ̃ nu tso Biblia ŋu la, menya alesi etsɔme ava nɔ o. Egblɔ be: \"Mebia agbalẽnyanya geɖe hafi ame nakpɔ nusi le dzɔdzɔm le xexeame la adze sii o. Vɔvɔ̃ ɖom, eye meƒo ɖokuinye ɖe dɔ geɖe wɔwɔ me ale be ɣeyiɣi manɔ ŋunye matsɔ yi eŋu bu gee o.\" Emegbe eva srɔ̃e be Mawu aɖo dzɔdzɔenyenye anyi na amesiame le anyigba si dzi wodzra ɖo dzi, afisi amegbetɔ toɖolawo anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ mavɔ me ɖaa le. (Psalmo 37:10, 11; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Fifia mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le su Daniel si. Biblia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi like sia wɔe be wòlé agbe ŋuti nukpɔsusu nyui me ɖe asi.\nKpekpeɖeŋu Hena Seselelãmekuxiwo Dzi Ðuɖu\nƑe adree George xɔ esime dadaa ku. Anyimɔmlɔ le zã me ɖia vɔvɔ̃ nɛ, le esi wòsusuna be yeate ŋu atsi alɔ̃me aku ta. Emegbe exlẽ nusi Yesu gblɔ tso ku kple tsitretsitsi ŋu be: 'Gaƒoƒo gbɔna, le esime amesiwo katã le yɔdowo me ase Yesu ƒe gbe, eye woado go.' Azɔ hã Yesu ƒe nya siawo wɔ dɔ ɖe edzi be: \"Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.\" (Yohanes 5:28, 29; 11:25) Nunya dze le susu mawo me, wo me kɔ, eye wofaa akɔ na ame. George gblɔ be: \"Menye ɖeko nyateƒe sia dzroa ame ƒe susu o, ke ewɔa dɔ ɖe dzia hã dzi.\"\nVɔvɔ̃ aɖewo nɔ Daniel, si míeyɔ va yi, hã me. Dadaa ŋutɔ mete ŋu kpɔ edzi o, eyata wona wòyi ɖanɔ ame vovovowo gbɔ. Ese le eɖokui me ɣesiaɣi be yemenye ƒomeawo me tɔ o eye wòdzronɛ vevie be yeanɔ ƒome aɖe si me lɔlɔ̃ le ahanɔ dedie. Mlɔeba eva ke ɖe nusi dim wònɔ ŋu to Biblia si wòsrɔ̃ me. Daniel va de ha kple YehowaÐasefowo ƒe Kristo-hamea heva zu gbɔgbɔmeƒome aɖe, afisi wòse le eɖokui me be amewo xɔ ye helɔ̃ ye la me tɔ. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ eye wòkpɔa seselelãmekuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe.\nƑomegbenɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Wɔa Dɔ\nBiblia naa ame nɔewo dome ƒomedodowo ŋuti ɖaŋuɖoɖo si wɔa dɔ. George gblɔ be: \"Ame nɔewo dome kuxiwo alo masɔmasɔwo nye nɔnɔme siwo doa nuxaxa na ame le agbe me la dometɔ aɖewo.\" Aleke wòkpɔa wo gbɔe? \"Ne mesusu be nya aɖe le ame aɖe si ɖe ŋunye la, mewɔa Mateo 5:23, 24 me ɖaŋuɖoɖo si le tẽ la ŋudɔ be: 'Dzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbã.' Nyateƒenya si wònye be mate ŋu aƒo nu tso kuxia ŋu ɖeɖe dzaa ɖea vi. Mete ŋu sea Mawu ƒe ŋutifafa si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la le ɖokuinye me. Ewɔa dɔ. Eɖea vi ŋutɔ.\"—Filipitɔwo 4:6, 7.\nNe masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome la, ehiã be wo ame evea siaa \"naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.\" (Yakobo 1:19) Aɖaŋuɖoɖo sia naa kadodo me nyona. George gblɔ kpee be: \"Ne metsɔ aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be malɔ̃ srɔ̃nye ahawɔ nu ɖe eŋu abe alesi mawɔ na ɖokuinye ene wɔ dɔe la, mekpɔa emetsonuwo enumake. Enɔa bɔbɔe nɛ be wòade bubu ŋunye.\" (Efesotɔwo 5:28-33) Ẽ, Biblia fiaa mí alesi míalɔ̃ ɖe mía ŋutɔwo ƒe blibomademadewo dzi ahatrɔ asi le wo ŋu kple alesi míate ŋu anɔ te ɖe ame bubuwo tɔ nu dzidzedzetɔe.\nAɖaŋuɖoɖo si Wɔa Dɔ Ɣesiaɣi\nNunyala Fia Salomo gblɔ be: \"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.\" (Lododowo 3:5, 6) Aleke gbegbe nya mawo me kɔ hede toe nye si!\nBiblia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. Ekpena ɖe mawulɔ̃lawo ŋu be woanɔ agbe wòasɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu ahana woakpɔ dzidzɔ le 'zɔzɔ le Yehowa ƒe se la me.' (Psalmo 119:1) Nɔnɔme ka mee míeɖale o, mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo si míehiã la le Biblia me. (Yesaya 48:17, 18) Xlẽe gbesiagbe, de ŋugble le nusi nèxlẽ ŋu, eye nàtsɔe wɔ dɔe. Ana wò susu me nakɔ ahanɔ nusiwo le kɔkɔe henyo la ŋu. (Filipitɔwo 4:8, 9) Menye alesi nànɔ agbe ahase vivi nɛ koe nàsrɔ̃ o, ke àsrɔ̃ alesi nàlɔ̃ Agbenala la hã.\nLe aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ me la, Biblia axɔ asi na wò ŋutɔ—abe alesi wòxɔ asi na ame miliɔn bubu geɖewoe ene—eye manye agbalẽ nyui aɖe ko na wò o. Àkpɔe be enye agbenɔnɔ ŋuti mɔfiagbalẽ nyateƒe!\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nBiblia ate ŋu ado ŋusẽ wò nàwɔ ɖe tame si nèɖo be yeatsri nuwɔna gbegblẽwo la dzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nBiblia fiaa alesi nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wò","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20001201\/Biblia-Enye-Agben%C9%94n%C9%94-%C5%8Auti-M%C9%94fiagbal%E1%BA%BD\/","date":"2023-01-26T23:43:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764494826.88\/warc\/CC-MAIN-20230126210844-20230127000844-00136.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981269836,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981269836425781}","num_words":1424,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enock4seth\n|Wikipiɖia zãlawo ƒe gbe|\nWoe zɔ!Trɔ trɔ\n♦Nyamedzroƒe (Talk) ♦Nuŋɔŋlɔwo (Contributions)\nŊkɔ nyee nye Enock Seth Nyamador. Me tso Aflao le Ghana dukɔ la me. Eʋevi dzidzie me nye. Menye PWMGH wo dometɔ ɖeka. Ateŋu ado ka kplim fãa le afii\nNyeƒe axa bubuwoTrɔ trɔ\n- Wikipeɖia (English)\n- Wikimedia Meta-Wiki (Meta-wiki)\n- Wikimedia Commons (Wikimedia Commons)\nAxa siwo gɔme me dzeTrɔ trɔ\nNyeme kpɔ dze axa yeye aɖeke gɔme haɖe o\n|Tata sia enye Wikipedia ŋudɔwɔla ƒe tata.\n\n\nTata sia mele agbalẽa ŋutɔ me o. Ne ekpɔ tata sia le teƒe si menye Wikipedia o la, ekema ele nububu kpɔm. Ne nɔ nyanya me nawo bena ɖewomahi tata sia nu vayi, eye gɔmesesea ɖeke mega le amesi ƒe dɔwɔwɔ wonye tsã la, kpakple afisia dome o negbe Wikipedia ɖeɖe ŋu ko. Tata gbãtɔ la ŋutɔ le http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/User:Enock4seth.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/ee.m.wikipedia.org\/wiki\/User:Enock4seth","date":"2023-03-31T23:16:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949689.58\/warc\/CC-MAIN-20230331210803-20230401000803-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980056286,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980056285858154}","num_words":136,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBENƆNƆ LE KU MEGBE ÐE WÒANYA WƆA?\nNu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?\n\"Mesusuna be ne ame ku la, teƒe etɔ̃ siawo dometɔ ɖekae wòyina: dziƒo, dzo mavɔ me, alo ŋutiklɔdzo me. Menya be menye ame dzɔdzɔe ye menye ne mayi dziƒo o, eye nyemevɔ̃ɖi hã nenema gbegbe be mayi dzo mavɔ me o. Nyemenya nu si tututu ŋutiklɔdzo nye o. Nyemekpɔe le Biblia ƒe afi aɖeke o. Amewo koe ƒoa nu tso eŋu mesena.\"—Lionel.\n\"Wofiam be amewo katã yia dziƒo le ku megbe, gake nyemeka ɖe edzi tututu o. Mesusu be ku nye agbe ƒe nuwuwu—mexɔe se be etsɔme nyui aɖeke meli na kukuawo o.\"—Fernando.\nÐe nèbia nya siawo ɖokuiwò kpɔa? 'Nu ka tututue dzɔna le ku me? Ðe míaƒe ame vevi siwo ku la le fu kpem le afi aɖea? Ðe míagava kpɔ wo akea? Aleke míawɔ anya?' Míeɖe kuku, xlẽ nu tso nu si tututu Biblia fia ŋu. Gake gbã, na míakpɔ nu si Biblia gblɔ be ku nye. Eyome míadzro mɔkpɔkpɔ si li na kukuawo, si ŋu Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒo nu tsoe la me.\nNɔnɔme ka mee ame kukuwo le?\nALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: \"Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o; eye fetu aɖeke megali na wo o, elabena womegaɖoa ŋku wo dzi o. Nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ katã, elabena dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe, afi si yi ge nàla o.\" *—Nyagblɔla 9:5, 10.\nTsiẽƒe nye yɔdo, alo yɔ me, afi si woɖia ame kukuwo ɖo; ame siwo le afi ma meganya naneke o, eye womegatea ŋu wɔa dɔ aɖeke o. Aleke Hiob nuteƒewɔla la bu Tsiẽƒee? Hiob ƒe nunɔamesiwo katã bu le ŋkeke ɖeka dzi eye viawo hã ku gbe ma gbe ke, eyome wona ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe tee, tso eƒe afɔƒome va se ɖe eƒe dzodome. Eƒo koko na Mawu be: 'Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe, eye nàdzram ɖo ɖe!' (Hiob 1:13-19; 2:7; 14:13) Eme kɔ nyuie be, Hiob mebu Tsiẽƒe be enye teƒe aɖe si dzo le bibim le, afi si yeƒe fukpekpea aganyra ɖe edzi le o. Ke boŋ, ebui be enye teƒe si yeƒe fukpekpea nu atso le.\nMɔ bubu aɖe hã li si dzi míato anya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Eyae nye be míadzro nuŋlɔɖi siwo tso Mawu gbɔ, siwo le Biblia me ku ɖe ame enyi siwo wofɔ tso ku me ŋu la me.—Kpɔ aɖaka si nye \" Tsitretsitsi Enyi Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe.\"\nAme enyi siwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖeka pɛ hã megblɔ be yeyi dziƒo alo dzo mavɔ me o. Ne ɖe woyi teƒe mawo tɔgbi la, ɖe womaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo oa? Eye ɖe womaŋlɔe ɖe Biblia me nuŋlɔɖi si tso Mawu gbɔ la me be amewo katã naxlẽ oa? Womeŋlɔ naneke nenema ɖe Ŋɔŋlɔawo me o. Eme kɔ ƒãa be nya aɖeke menɔ ame enyi mawo si woagblɔ tso nya sia ŋu o. Nu ka tae? Elabena esi woku la, womeganya naneke o, ɖeko wòle abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi ene. Le nyateƒe me la, Biblia tsɔa alɔ̃dɔdɔ wɔa kpɔɖeŋu ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖea nu si ku nye la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be nuteƒewɔla siwo nye David kple Stefano siaa 'dɔ alɔ̃ le ku me.'—Dɔwɔwɔwo 7:60; 13:36.\nNe nyaa le alea la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na kukuawo? Ðe woate ŋu afɔ tso alɔ̃dɔdɔ sia mea?\n^ mm. 7 Hebrigbe me nya \"Sheol\" kple Helagbe me nya \"Hades\" gɔmee woɖe be \"Tsiẽƒe\" le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me. Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖewo ɖe egɔme be \"dzo mavɔ,\" gake nufiafia si nye be wowɔa funyafunya kukuawo le dzo me la mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150801\/nu-kae-dz%C9%94na-le-ku-megbe\/","date":"2023-03-31T04:13:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949533.16\/warc\/CC-MAIN-20230331020535-20230331050535-00203.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998455584,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984555840492249}","num_words":623,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 100:1-5\nAkpedaha. 100 Mi anyigbadzinɔlawo katã, mido aʋadziɖuɣli na Yehowa.+ 2 Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ.+ Mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋkume. 3 Minyae be Yehowae nye Mawu.+ Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye.*+ Eƒe dukɔ kple alẽ siwo le eƒe lãnyiƒe míenye.+ 4 Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me,+Mitsɔ kafukafu ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo.+ Mida akpe nɛ; mikafu eƒe ŋkɔ.+ 5 Elabena Yehowa nyo;+Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee,Eye eƒe nuteƒewɔwɔ li tso dzidzime yi dzidzime.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"eye menye míawo ŋutɔwo o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/100\/","date":"2023-06-04T00:51:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224649348.41\/warc\/CC-MAIN-20230603233121-20230604023121-00617.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990890026,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990890026092529}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yeremiya 20:1-18\n20 Ke nunɔla Pashur, Imer vi, ame si nye dzikpɔlawo ƒe tatɔ le Yehowa ƒe aƒe la me la, nɔ to ɖom esime Yeremiya nɔ nya siawo gblɔm ɖi. 2 Eye Pashur ƒo nyagblɔɖila Yeremiya hebɔ pãe+ ɖe Benyamin-gbo Dzigbetɔ, si le Yehowa ƒe aƒea me la me. 3 Ke esi ŋu ke eye Pashur ɖe Yeremiya le pã me la, Yeremiya gblɔ nɛ be: \"Yehowa tsɔ ŋkɔ na wò be Ŋɔdzi Li Godoo,+ ke menye Pashur o. 4 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, 'Mana nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã, woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu, eye wò ŋkuwo akpɔ eteƒe;+ matsɔ Yuda blibo la ade asi na Babilon-fia, eye wòaɖe aboyo wo ayi Babilon ahawu wo kple yi.+ 5 Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo katã, eƒe nunɔamesiwo katã kple eƒe nu xɔasiwo katã ade asi, eye matsɔ Yuda-fiawo ƒe kesinɔnuwo katã ade asi na woƒe futɔwo.+ Woaha wo atsɔ wo ayi Babilon.+ 6 Ke woaɖe aboyo wò Pashur kple aƒewòmetɔwo katã. Àyi Babilon, àku ɖe afi ma, eye afi mae woaɖi wò kple xɔ̃wòwo katã ɖo, elabena ègblɔ alakpanya ɖi na wo.'\"+ 7 Oo Yehowa, èblem, eye mena woblem. Èzã wò ŋusẽ ɖe ŋunye, eye nèkpe dzinye.+ Mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la katã,Eye ame sia ame koam.+ 8 Elabena ɣesiaɣi si mebe maƒo nu la, ele be manɔ ɣli dom anɔ gbeƒã ɖem be,\"Ŋutasesẽ kple adzodada!\" Elabena Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la katã.+ 9 Eya ta megblɔ be, \"Nyemele eŋkɔ yɔ ge o,Eye nyemagaƒo nu le eƒe ŋkɔ me azɔ o.\"+ Gake enɔna abe dzobibi nue wotu nu ɖo le nye ƒuwo me ene,Etsɔtsɔ tiam,Eye wògloam.+ 10 Elabena mese nya baɖa si gblɔm ame geɖewo le;Ŋɔdzi ƒo xlãm.+ Wobe: \"Miɖe egɔme ɖe go; ne míaɖe egɔme ɖe go!\" Ame sia ame si doa gbe nam be, \"Ŋutifafa na wò!\" la, le didim be madze anyi hegblɔna be:+ \"Ðewohĩ awɔ vodada gã aɖe,Eye míakpe edzi ahabia hlɔ̃e.\" 11 Ke Yehowa li kplim abe aʋakalẽtɔ sesẽ ene.+ Esia tae yonyemetilawo akli nu, eye womaɖu dzinye o.+ Ŋu akpe wo vevie, elabena woado kpo nu. Ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be o lae wòanye na wo.+ 12 Ke wò, aʋakɔwo ƒe Yehowa, wòe doa ame dzɔdzɔe kpɔna;Èdzea si dzimesusuwo* kple dzi la.+ Na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe la teƒe,+Elabena asiwò mee metsɔ nye nya de.+ 13 Midzi ha na Yehowa! Mikafu Yehowa! Elabena eɖe ame dahe* tso nu vlo wɔlawo si me. 14 Aɖi ŋkeke si dzi wodzim la ŋu kpékpekpe! Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!+ 15 Aɖi ame si he du nyui vɛ na fofonye be, \"Wodzi vi, wodzi ŋutsuvi na wò!\" Eye wòdo dzidzɔ nɛ la ŋu kpékpekpe. 16 Ame ma nenɔ abe du si Yehowa trɔ bu anyi, eye mevee o la ene. Nese ɣlidodo le ŋdi kple ŋɔdziɣli le ŋdɔkutsu dzatsɛ. 17 Nu ka tae mewum ɖe vidzidɔ me,Ne danye nazu yɔdo nam,Eye nye fu natsi eƒo tegbee o?+ 18 Nu ka tae medo tso vidzidɔ me,Be manɔ ayaɖuɖu kple nuxaxa dzi ɖaa,Eye nye ŋkekewo nawu enu ɖe ŋukpe me?+","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yeremiya\/20\/","date":"2023-06-08T04:51:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224654097.42\/warc\/CC-MAIN-20230608035801-20230608065801-00385.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989150763,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989150762557983}","num_words":500,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ati atrakpui si ŋu wotsɔ atikplɔ ƒe ka le ƒe didimewo ƒe akɔntabubu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nX\n- atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe didime\nY\n- Atrakpui ƒe kɔkɔme\nZ\n- Atrakpui ƒe kekeme\nC\n- Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nW\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nT\n- bowstring alo string ƒe titrime\nH\n- Fia tsitretsiɖeŋulawo\nLR\n- afisi atrakpuiawo ɖo\nSP\n- afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe dzidzeme\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le ati ƒe atrakpui si le akplɔwo dzi ƒe nɔnɔme si sɔ ŋu.\nNusiwo woatsɔ awɔ dɔe ƒe agbɔsɔsɔ si hiã la nyanya.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nAtrakpuiawo ƒe akpa vovovoawo katã ƒe nɔnɔmetatawo kple nɔnɔmetatawo tsitotsito.\nKafukafunyawo na atrakpuiawo ƒe nyonyo.\nWobua akɔnta le atrakpuiawo ƒe nyonyo ŋu to mɔfiame si wotu ɖe afɔɖeɖea ƒe didime dzi dzi.\nAmegbetɔ ƒe afɔɖeɖe ƒe didime tso sentimeta 60 va ɖo 66, eye le mama dedie nu la, sentimeta 63.\nAtrakpui si dzi woate ŋu azɔ bɔbɔe la sɔ kple mɔfiame si nye: afɔɖeɖe 2 ƒe kɔkɔme + afɔɖeɖe ƒe goglome = 63±3 cm.\nAtrakpuiawo ƒe togbɛ si dzi wofa wue nye tso 30° va ɖo 40°.\nEle be atrakpuiawo ƒe atrakpuiwo ƒe goglome nasɔ kple afɔkpa ƒe lolome 45 - ne mede ɖeke o la, sentimeta 28-30.\nWoate ŋu axe fe ɖe goglome ƒe anyimanɔmanɔ ta to afɔɖeɖea ƒe dodo ɖe ŋgɔ me.\nEle be afɔɖeɖea ƒe kɔkɔme nade sentimeta 20-25.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica\/","date":"2023-09-28T14:39:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510412.43\/warc\/CC-MAIN-20230928130936-20230928160936-00630.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99983114,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998311400413513}","num_words":226,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.327,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Miyi edzi le ɖoɖowɔɖia me.\nMɔzɔzɔ ƒe gɔmeɖosewo\nÐoɖowɔɖia ƒe zazã ƒe mɔnu le abe esi le wò kɔmpiuta dzi ene:\n- Le screen la tame la, mɔfianu aɖe le eme.\n- Le mɔfianu ƒe miame la, \"Menu\" ƒe dzesi le afima, si sɔ kple gɔmedzedze ƒe dzesi si le wò kɔmpiuta dzi. Woɖo nuɖuɖuawo ɖe hatsotsowo kple hatsotso suewo me. Zi menu ƒe hatsotso aɖe dzi be nàʋui eye nàkpɔ tiatia siwo le eme.\n- Eye le \"Menu\" ƒe ɖusime la, dɔwɔwɔ ƒe dzesi le asiwò. Nu ɖesiaɖe si le dɔwɔwɔ ƒe akpaa dzi tsi tre ɖi na fesre si le dɔ wɔm.\n- Be nàte ŋu aɖe fesre aɖe koŋ afia la, zi eƒe dɔwɔwɔ ƒe dzesi dzi. Be nàte ŋu atu fesre aɖe koŋ la, zã... atitsoga sue aɖe si le fesrea ƒe ɖusime le etame.\nKu ɖe gbeƒãɖeɖeawo ŋu\nƔeaɖewoɣi la, àkpɔ dzesi aɖe si le fli me le dɔwɔwɔ ƒe akpaa dzi. Esia nye be wòahe wò susu, elabena ame aɖe le klalo be yeafe, alo le esi wò ɣeyiɣia de be nàƒo, alo le esi ame aɖe ŋlɔ wò megbeŋkɔ le dzeɖoɖoxɔa me, alo le esi gbedasi aɖe le asiwò ta... Ðeko nàzi dzesi si le fli me la dzi be di nu si le edzi yim.\nDzigbᴐɖi...\nNu mamlɛtɔ ɖeka: Esia nye Internet dzi ɖoɖowɔɖi, si do ƒome kple internet dzi dɔwɔƒe. Ɣeaɖewoɣi ne èzi abɔta aɖe dzi la, ŋuɖoɖoa xɔa sɛkɛnd ʋɛ aɖewo. Esia le alea elabena network la ƒe kadodoa le kabakaba wu alo wu nenema, le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi nu. Mègazi abɔta ɖeka dzi zi geɖe o. Ðeko nàlala vaseɖe esime server la naɖo eŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/navigate_index.html","date":"2023-09-23T12:11:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00779.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993776679,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993776679039001}","num_words":271,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.351,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Shed xɔtaxɔ ƒe akɔntabubu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX\n- aƒea ƒe kekeme\nY\n- xɔta ƒe kɔkɔme\nC\n- overhang ƒe lolome\nB\n- xɔta ƒe didime\nɖeɖe fiã\nWotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòabu akɔnta le xɔtunu siwo woatsɔ awɔ xɔtaxɔe ŋu: xɔtunu agbɔsɔsɔme si woatsɔ awɔ xɔtunu (ondulin, nulin, slate alo ga tile), xɔtamenuwo (glassine, si nye ruberoid, si nye ruberoid), bat-tiwo kple xɔgbakpewo ƒe xexlẽme.\nŊuɖoɖo! Nenɔ susu me na wò be ɖoɖowɔɖia xlẽa agbalẽa ƒe akpa si wotu ɖe xɔa tame ƒe lolome dzi.\nLe kpɔɖeŋu me, fli 2.9 dzia agbalẽ 7.6 ɖe fli ɖeka dzi. Le xɔtutu ŋutɔŋutɔ me la, woɖoa fli 3.\nBe woatrɔ asi le akɔntabubua ŋu la, ehiã be woaɖe agbalẽa ƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ vaseɖe esime woakpɔ fli siwo ade xexlẽdzesi blibo.\nEmegbe woawɔ ɖoɖo ɖe vovo hena akɔntabubu si me nunya le wu le xɔtamenuwo ŋu.\nEye mègaŋlɔ be be yeaƒle xɔtunuwo kple vovototodedeameme o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/roof3\/","date":"2023-09-24T17:07:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506658.2\/warc\/CC-MAIN-20230924155422-20230924185422-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984250069,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984250068664551}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èkpɔa Dzidzɔ Ŋutɔŋutɔa?\nANYO be nàbia ɖokuiwò be, 'Ðe dzi dzɔam ŋutɔŋutɔa?' Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo le agbagba dzem be yewoanya alesi wò, alo amewo aɖo nya sia ŋui. Gake esia nyanya mele bɔbɔe o. Woate ŋu atsɔ alesi woawɔ anya nenye be dzi le ame dzɔm ŋutɔŋutɔ la asɔ kple didi be woanya alesi gbegbe ŋutsu aɖe lɔ̃ srɔ̃ae, alo didi be woanya alesi gbegbe amewo xaa nui ne woƒe ƒometɔ aɖe ku. Ame mete ŋu nyaa alesi tututu nɔvia sena le eɖokui me o. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nyateƒenya vevi sia be: Ame ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ dzidzɔ.\nTogbɔ be ɖe wowɔ mí be míakpɔ dzidzɔ hã la, kuxi sesẽwo wɔe be míegakpɔa dzidzɔ kura o. Se nudzɔdzɔ sia ɖa: Le du aɖewo me la, amesiwo AIDS wu la yɔ ameɖibɔwo me gbagba. Ameɖibɔ dzikpɔlawo ƒe amegãwo na wole amesiwo woɖi xoxoxo la hom bene woaɖi yeyewo ɖe wo teƒe. Le Afrika ƒe akpa aɖewo la, amekukuɖaka kpakpa va zu dɔ si koŋ ame geɖe wɔna. Eye afika kee nèɖale o, àkpɔe be dzi mele amesiwo dze dɔ vevie alo amesiwo ƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ viviwo ku la dzɔm kura o.\nKe le dukɔ siwo me nuwo de amewo dzi le me ya ɖe? Nuwo ƒe tɔtrɔ kpata ate ŋu awɔe be ga dome nagblẽ na amesiwo medzra ɖo ɖe eŋu o la enumake. Le Amerika la, ehiã be ame geɖe siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la nagava di dɔ awɔ, le esi womele dzudzɔxɔxɔledɔme ƒe ga xem na wo o ta. Zi geɖe la, ƒomewo tsɔa woƒe ga katã xea kɔdzifewoe. Senyawo ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: \"Ne amesiawo va gblɔ woƒe ga kple lãmesẽ kuxi sesẽwo nam la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Zi geɖe la, ɖeko wòle be magblɔ na wo be, 'Ele be nàdzra wò aƒea.'\" Ke amesiwo ga menye kuxi aɖeke na o ya ɖe? Ðe dzidzɔmakpɔmakpɔ ate ŋu aɖe fu na woawo hã?\nAme aɖewo ƒe agbe sɔ kple hakpala xɔŋkɔ Richard Rodgers tɔ. Wogblɔ le ŋu be: \"Ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu na ame gbogbowo kpɔ dzidzɔ de eyama nu.\" Togbɔ be eƒe hawo nana amewo kpɔa dzidzɔ hã la, eya ŋutɔ ya lé blanui. Nu eve siwo ame geɖe dina vevie—siwo nye ga kple ŋkɔxɔxɔ—la su esi, ke dzidzɔkpɔkpɔ ya ɖe? Agbemeŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: \"[Rodgers] kpɔ dzidzedze le eƒe dɔa me eteƒe mekɔ o, mɔnukpɔkpɔ gãwo ganɔ ʋuʋu ɖi nɛ, eye wòxɔ Pulitzer Nunana zi eve sɔŋ. Gake dzi medzɔnɛ o eye wòléa blanui zi geɖe.\"\nAbe alesi nàkpɔe ene la, zi geɖe la, ŋuɖoɖo ɖe kesinɔnuwo ŋu be woana ame nakpɔ dzidzɔ la nyea ame ɖokui beble. Adzɔhawo ŋuti nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si ƒe nyawo wotana ɖe Toronto, Canada, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail me la, ƒo nu tso alesi kesinɔtɔ geɖe xaa nu be \"yewo tsi akogo hele dagbadagbam ɖe yame\" la ŋu. Gazazã ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be, ne dzila kesinɔtɔwo tsɔ ga kple nusiwo woate ŋuatsɔ ga awɔe la le wo viwo kplamee la, \"nusiwo ava do nublanuitɔ ɖeviawo emegbe lae wònyena woƒãna zi geɖe.\"\nÐe Nu Vavã aɖe Li si ana Woakpɔ Dzidzɔa?\nNe seƒoƒo aɖe awɔ nyuie la, ehiã be woadoe ɖe anyigba nyui dzi, tsi nanɔ eŋu, eye yame ƒe nɔnɔme hã nade edzi. Nenema kee numekulawo kpɔe be nɔnɔme aɖewo nana ame kpɔa dzidzɔ. Esiawo dometɔ aɖewoe nye lãmesẽ; dɔ ɖɔʋu ƒe amesinɔnɔ; nuɖuɖu, dɔƒe, kple nudodo nyuiwo ƒe amesinɔnɔ; nusiwo ame di be yeawɔ la wɔwɔ; kple xɔlɔ̃ veviwo ƒe amesinɔnɔ.\nÐewohĩ màɖe ɖeklemi le nyateƒe si wònye be nusiawo te ŋu naa ame kpɔa dzidzɔ la ŋu o. Gake nu vevi bubu aɖe hã li. Eyae nye sidzedze 'dzidzɔ ƒe Mawu' la, amesi ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Timoteo I, 1:11) Aleke sidzedze sia kpena ɖe ame ŋui? Yehowae nye mía Wɔla, eye ewɔ mí be míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Eyata susu le eme be woagblɔ be enya nusi ana míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la. Nyati si kplɔe ɖo gblɔ alesi wòfiaa mɔ si dzi amewo ato akpɔ dzidzɔ si nu meyina o la eɖanye afika kee wole alo nɔnɔme ka ke mee woɖale o.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\n© Gideon Mendel\/CORBIS\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nAbe alesi wòle le seƒoƒowo gome ene la, ehiã be nɔnɔmeawo nade ame dzi hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060615\/%C3%88kp%C9%94a-Dzidz%C9%94-%C5%8Aut%C9%94%C5%8But%C9%94a\/","date":"2023-09-22T02:54:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506320.28\/warc\/CC-MAIN-20230922002008-20230922032008-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991291165,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991291165351868}","num_words":713,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le anyigba siwo le wo ɖokui si ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nX\n- xɔa ƒe kekeme Y\n- xɔa ƒe didime\nDzidze kɔkɔme ƒe vovototo le xɔa ƒe dzogoe eneawo dzi, le teƒe a��ewo A, B, C, D\n.\nBe nàwɔ esia la, zã xɔa ƒe dzidzenu.\nÐo screed ƒe titrime suetɔ kekeake.\nEsia awɔe be woabu akɔnta le nusiwo hiã ƒe lolome ŋu le kubik-meta me eye woaɖo kɔkɔme siwo le xɔa ƒe dzogoewo dzi.\nÐoɖowɔɖia abu akɔnta le nuwo ƒe lolome si woatsɔ awɔ anyigba si woate ŋu aɖɔ ɖo la ŋu, eye wòabu vovototo si le dzogoeawo ƒe kɔkɔme ŋu.\nÀte ŋu abu nuwo ƒe asi wòade pɛpɛpɛ wu.\nAkɔntabubu le anyigbanuzazã gbogbo aɖewo ŋu\nViɖe vevitɔ si le anyigba si le eɖokui si ŋue nye be nu tɔxɛ siwo wozãna na anyigba si le gbadzaa eye wònɔa gbadzaa eye màdze agbagba bubu aɖeke kpee o. Esia tae anyigba mawo tɔgbe va xɔ ŋkɔ etɔxɛe egbea ɖo.\nWò ŋutɔ àte ŋu akɔ anyigbaawo me. Nusi hiã na esia koe nye be nànya xɔa ƒe didime kple kekeme, eƒe kɔkɔme le dzogoeawo dzi, kpakple nusi wotsɔ yɔe ƒe titrime suetɔ kekeake, eye le ema megbe la, míaƒe ɖoɖowɔɖia ate ŋu abu akɔnta na wò be nuawo ƒe agbɔsɔsɔme naɖo yɔe, eye nàbu vovototo si le kɔkɔme ŋu.\nViɖe siwo le anyigba si wokɔ ɖe anyigba ŋu\n1. Anyigba mawo tɔgbe ƒe gowo le gbadzaa, wometsɔa lãgbalẽ kple dometsotso aɖeke o.\n2. Anyigba siwo woate ŋu awɔ le wo ɖokui si ƒe dɔwɔwɔ ƒe agbenɔƒe ɖoa ƒe 40-50.\n3. Do tsitretsiɖeŋunu.\n4. Mègahiã beléle tɔxɛ o.\nDzadzraɖo ɖe anyigba ŋu\nNusi wotsɔ yɔa anyigbae la ɖoɖo le bɔbɔe ŋutɔ, eyata ame geɖe dina be yewoawɔe le yewo ɖokui si, eye womewɔa esia ɖe eŋutinunyala bibiwo gbɔ o. Gake nya aɖewo siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o le afisia.\nEyata hafi nàdze anyigba mlɔ anyi gɔme la, ele be nàdzra xɔa ɖo. Be woate ŋu awɔ esia la, woɖea anyigba xoxoawo, ʋuƒo siwo wotsɔ ƒo xlãe kple ʋɔtruwo ɖa. Woɖoa anyigba la ɖe ɖoɖo nu. Woate ŋu azã nutunu tɔxɛ aɖe alo gayibɔ ƒe brɔs atsɔ awɔ esia. Emegbe ne gbagbãƒewo le anyigba la, ele be woatsɔ aŋetu si le dzogoe etɔ̃ me aʋu wo.\nÐo ŋku edzi be ne èle anyigba si dzi wotsɔa nu ƒoa nui ɖo ge ɖe ati aɖe tame la, ekema ele be nàtsɔ lãgbalẽ tɔxɛ aɖe ado ŋusẽe gbã.\nLe ema megbe la, wozãa ketekemɔ tsɔ dzidzea dzogoe si dzi anyigbaa le. Le dzidzenu siawo nu la, wowɔa dzesiwo ɖe gliawo ŋu vaseɖe afisi woakɔ anyigbaa ɖo. Le kɔkɔme sia, tsɔ kpe ɖe sentimeta 2.5 ŋu la, woɖea aŋɔ kple nu bubu siwo wotsɔ wua gliawoe la ɖa.\nEmegbe wogakɔa anyigba ake eye wotsɔa ami tɔxɛ aɖe ɖea ami ɖa le eŋu.\nFifia wotsɔa aŋɔ ɖoa anyigba, wotsɔa ʋuʋudedi kple dowo sisi, woɖea nusiwo mewɔ ɖeka o la ɖa. Le ema megbe la, ele be woawɔ ɖoɖo ɖe anyigbaa ŋu. Eye le dzadzraɖo ƒe afɔɖeɖe sia me la, wowua enu. Àte ŋu adze anyigba dada gɔme.\nAnyigba yɔyɔ\nBe nàkɔ anyigba ɖe anyigba sɔsɔe la, na kpeɖeŋutɔ aɖe natsaka aŋɔa esime nèle ekɔm.\nDzra egbɔkpɔnua ɖo le mɔfiame siwo le agbalẽa me nu. Be tsi si wotsɔ ƒoe la nanɔ ɖeka la, mègakɔ tsiawo katã ɖe nugoa me zi ɖeka o. Na esia nanye eƒe akpa gã aɖe. Tsɔ atike la tsaka le eme. Be nàte ŋu awɔ esia la, anyo wu be nàzã elektrik-kumɔ̃ si ƒe nugbɔ le etɔxɛ. Eye ne tsi si woɖe tso eme la trɔ zu nusi sɔ ko hafi nàkɔ tsi si susɔ la ɖe eme.\nWokɔa anyigba ɖe ʋɔtrua ƒe mɔ nu, tso dzogoe si tsi tre ɖe xɔa ƒe mɔnu ŋu. Klɔ atike si wotsɔ tsakae la ɖe akpa vovovowo me, ne ètsɔ agbalẽ xatsaxatsa si ŋu lãgbalẽ le la sɔ kple wo dometɔ ɖesiaɖe vɔ. Esia kpena ɖe ame ŋu wòɖea ya ƒe kuɖɔ ɖesiaɖe si ate ŋu age ɖe tsia me ɖa eye wòkpɔa egbɔ be wotsɔ nu ƒo ɖe eŋu sɔsɔe.\nTso akpa ɖeka kɔklɔ yi bubu dzi la, mele be ɣeyiɣia nawu aɖabaƒoƒo 10 o.\nLe anyigba ƒe ƒuƒu me, si nye gaƒoƒo 3-6, le atike si wotsɔ ƒoe nu la, ele be woaƒo asa na yaƒoƒo kple dzoxɔxɔ ƒe tɔtrɔ le xɔa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/filler_floor\/","date":"2023-09-28T06:58:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510368.33\/warc\/CC-MAIN-20230928063033-20230928093033-00132.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988752604,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988752603530884}","num_words":714,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Ɣeyiɣi mawo me la, fia Herodes de asi ŋutasesẽ le hame la me tɔ aɖewo ŋu me.+ 2 Ewu Yakobo si nye Yohanes nɔvi+ kple yi.+ 3 Esi wòkpɔ be esia dzɔ dzi na Yudatɔwo ta la, elé Petro hã. (Nu sia dzɔ le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la ɖuɣi.)+ 4 Esi eƒe asi su edzi la, edee gaxɔ me,+ eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe me asrafo ene le la be woanɔ wo nɔewo ɖɔlim eye woadzɔ eŋu, elabena eɖoe be yeakplɔe ava* dukɔa ŋkume le Ŋutitotoŋkekenyui la megbe. 5 Eya ta wonɔ Petro ŋu dzɔm le gaxɔa me, ke hame la nɔ gbe dom ɖa vevie na Mawu ɖe eta.+ 6 Ke le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes akplɔe ava dutoƒo me la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm hele babla le kɔsɔkɔsɔ eve me le asrafo eve dome, eye dzɔla siwo le ʋɔtrua nu la le gaxɔa ŋu dzɔm. 7 Kasia, Yehowa* ƒe dɔla va tsi tsitre ɖe afi ma,+ eye kekeli aɖe klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axadame eye wònyɔe hegblɔ be: \"Fɔ kaba!\" Ale kɔsɔkɔsɔawo ge le asi ŋu nɛ.+ 8 Mawudɔla la gblɔ nɛ be: \"Dzra ɖo,* eye nàdo wò afɔkpawo.\" Ewɔe nenema. Mlɔeba egblɔ nɛ be: \"Do wò awudziwui la nàdze yonyeme.\" 9 Eye wòdo go hedze eyome, ke menya be nu ŋutɔŋutɔe nu si le dzɔdzɔm to mawudɔlaa dzi la nye o. Le nyateƒe me la, esusu be ŋutega kpɔmee yele. 10 Esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu la, wova ɖo gagbo, si nu wotona yia dua me la nu, eye agboa ŋutɔ ʋu na wo le eɖokui si. Esi wodo go la, wozɔ ɖo mɔdodo aɖe dzi, eye enumake mawudɔla la dzo le egbɔ. 11 Esi Petro nyɔ le eɖokui me la, egblɔ be: \"Azɔ menyae vavã be Yehowa* dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem tso Herodes si me, kple nu siwo katã Yudatɔwo le mɔ kpɔm na la me.\"+ 12 Esi wòkpɔe alea la, eyi Yohanes si wogayɔna be Marko+ la dada Maria ƒe me, afi si ame geɖewo ƒo ƒu ɖo le gbe dom ɖa le. 13 Esi wòƒo agboa la, dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la do va be yeakpɔ ɖa be ame kae hã. 14 Esi wòse Petro ƒe gbe la, dzi dzɔe ale gbegbe be meʋu agboa o, ke boŋ eƒu du yi aƒea me ɖagblɔ na wo be Petro le tsitre ɖe agboa nu. 15 Wogblɔ nɛ be: \"Aɖaʋa dzem nèle.\" Ke eka ɖe edzi na wo be nyateƒee. Ale wogblɔ be: \"Eƒe mawudɔlae.\" 16 Ke Petro kpɔtɔ le afi ma le agboa ƒom. Esi woʋu agboa la, wokpɔe, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. 17 Ke ewɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe, eye wògblɔ ale si Yehowa* ɖee tso gaxɔa me la na wo tsitotsito, eye wògblɔ be: \"Mika nya siawo ta na Yakobo+ kple nɔviawo.\" Eye wòdzo le afi ma yi teƒe bubu. 18 Esi ŋu ke la, asrafoawo tɔtɔ ale gbegbe le nu si anya dzɔ ɖe Petro dzi la ŋuti. 19 Herodes na wodii nyuie, eye esi mekpɔe o la, ebia gbe asrafoawo tsitotsito, eye wòɖe gbe be woakplɔ wo ayi aɖahe to na wo;+ ale wòdzo le Yudea yi Kaisarea henɔ afi ma vie. 20 Ke dɔme le evem vevie ɖe Tirotɔwo kple Sidontɔwo ŋu. Eya ta wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wokpɔ fia ƒe aƒedzikpɔla Blasto wòlɔ̃ ɖe edzi na wo vɔ la, wobiae be yewoawɔ ŋutifafa kple fia la, elabena fia la ƒe anyigba dzie woƒe dukɔa kpɔa nuɖuɖu tsona. 21 Ke le ŋkeke ɖoɖi aɖe dzi la, Herodes do fiawu, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi hede asi nuƒoƒo me na wo. 22 Eye ame siwo kpe ta la nɔ ɣli dom be: \"Mawu ƒe gbee, menye amegbetɔ tɔe o!\" 23 Enumake Yehowa* ƒe dɔla ƒoe, elabena metsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, eye ŋɔwo ɖui wòku. 24 Ke Yehowa* ƒe nya kaka ɖe edzi de teƒeteƒewo.+ 25 Esi Barnaba+ kple Saul wu kpekpeɖeŋunadɔ la nu le Yerusalem+ la, wotrɔ gbɔ, eye wokplɔ Yohanes+ si wogayɔna be Marko la ɖe asi.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"yeakplɔe ado goe adrɔ̃ ʋɔnui le.\"\n^ Alo, \"Bla ali dzi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/12\/","date":"2023-10-01T12:11:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510888.64\/warc\/CC-MAIN-20231001105617-20231001135617-00648.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990516305,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990516304969788}","num_words":676,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Akpa kae Germany Dziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe wɔ le aʋadziɖuɖu si subɔsubɔnyawo kpɔ le senyawo me?\nƲɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe nyametsotso gbegblẽ si ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe wɔ tsɔ tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo kple wo dede agbalẽ me le se nu ŋu me. Wogblɔ le nyametsotso si na woɖu aʋa dzi me be subɔsubɔblɔɖe ɖe mɔ na ame be wòate ŋu 'awɔ eƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi' wu nusiwo Dziɖuɖua bia.—8\/15, axa 8.\n• Ɣeyiɣi didi kae Hiob ƒe fukpekpewo xɔ?\nHiob ƒe agbalẽa megblɔ be ekpe fu hena ƒe gbogbowo o. Hiob ƒe fukpekpea kple eƒe nuteƒewɔwɔ katã ate ŋu adzɔ le ɣleti ʋɛ aɖewo alo ɖewohĩ le ɣeyiɣi si made ƒe ɖeka o me.—8\/15, axa 31.\n• Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be menye nyakpakpameme aɖe koe Abosam nye o?\n• Lododowo 10:15 gblɔ be: \"Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ; ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada.\" Aleke nya sia nye nyateƒee?\nKesinɔnu ate ŋu akpɔ ame ta le nudzɔɖeamedzi aɖewo me le agbe me abe alesi ko du sesẽ me nɔnɔ kpɔa emenɔlawo ta vaseɖe afi aɖee ene. Ke ahedada ate ��u ahe afɔku vɛ le nuɖiɖeame aɖewo me.—9\/15, axa 24.\n• Gɔmesese ka nue \"amewo de asi Yehowa ƒe ŋkɔyɔyɔ me\" le Enos ƒe ŋkekeawo me? (Mose I, 4:26)\nWote Mawu ŋkɔ zazã tso ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke; eyata nusi wɔm wonɔ le Enos ƒe ŋkekeawo me menye Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ le xɔse me o. Amewo anya tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ na wo ɖokui alo tsɔe na ame bubu siwo wòdze abe woawo dzie wotona subɔa Mawu ene.—9\/15, axa 29.\n• Nukae nya \"amehehe\" fia abe alesi wozãe le Biblia mee ene?\nNya la mefia ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ le mɔ aɖeke nu o. (Lododowo 4:13; 22:15) Nusi Helagbe me nya si wozã na \"amehehe\" fia koŋ enye nufiame, nusɔsrɔ̃, ɖɔɖɔɖo, kple ɣeaɖewoɣi tohehe sesẽ si woana le lɔlɔ̃ me. Mɔ vevi siwo dzi dzilawo ate ŋu ato asrɔ̃ Yehowa dometɔ ɖekae nye agbagbadzedze be woaʋu dzeɖoɖo ƒe mɔwo ɖi na wo viwo. (Hebritɔwo 12:7-10)—10\/1, axa 8, 10.\n• Aleke egbegbe nyateƒe Kristotɔwo ɖenɛ fiana be Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzie yewole?\nLe Mawu ƒe Fiaɖuƒe taʋiʋli me la, Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dunyahehe me alo daa megbe na aglãdzedze le dukɔ siwo me woɖo asi Ðasefoawo dzi le o. (Tito 3:1) Ke boŋ wodzea agbagba be yewoawɔ gbɔgbɔmedɔ si ŋu viɖe le, si sɔ kple nusi Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo wɔ, eye wokua kutri be yewoakpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ siwo ŋu viɖe le abe nyateƒetoto, agbedzadzɛnɔnɔ, kple dɔnyuiwɔwɔ ene.—10\/15, axa 6.\n• Aleke agbetsi le tsatsamee le Andes?\nYehowa Ðasefo siwo le afima le agbagba dzem be yewoatsɔ Biblia ƒe nyateƒewo ayi na amewo, le afima nɔlawo degbe eve siwo nye Quechua kple Aymara me kura gɔ̃ hã. Ðasefoawo yia amesiwo le tɔdomekpo siwo le Titicaca-ta la dzi, tsɔ kpe ɖe amesiwo le tɔdomekpo siwo wotsɔ aƒla wɔ siwo \"hona ɖe tsia ŋgɔ\" ŋu la gbɔ.—10\/15, axa 8-10.\n• Nukae Mawu na mí be wòafia mɔ mí si woate ŋu atsɔ asɔ kple kɔmpiuta si fiaa mɔ yameʋuwoe?\nMawu tsɔ agbenyuinɔnɔ ƒe mɔfianu ƒe ŋutete, si nye agbenyuinɔnɔ ƒe seselelãme ememetɔ na amegbetɔwo. Esiae nye dzitsinya si le mía me wotsɔ dzi míi. (Romatɔwo 2:14, 15)—11\/1, axa 3-4.\n• Nukata asixɔxɔ gã le Yesu ƒe ku ŋu?\nEsi ame deblibo Adam wɔ nuvɔ̃ la, ebu amegbetɔ ƒe agbe na eɖokui kple na eƒe dzidzimeviwo. (Romatɔwo 5:12) Yesu si nye ame deblibo tsɔ eƒe agbe sa vɔ, wònye tafe si ate ŋu ana amegbetɔ wɔnuteƒewo nakpɔ agbe mavɔ.—11\/15, axa 5-6.\n• Amekawoe nye Skitetɔ siwo woyɔ le Kolosetɔwo 3:11?\nSkitetɔwo nye dukɔ tsatsala siwo ɖu Europa kple Asia dzi anɔ ƒe 700 va ɖo 300 D.M.Ŋ. Wonye sɔdola kple aʋawɔla bibiwo. Kolosetɔwo 3:11 mefia dukɔ aɖeke me tɔwo o, ke ame vɔ̃ɖi gblẽkuwo boŋ.—11\/15, axa 24-5.\n• Nukatae míate ŋu agblɔ be Sikasededea nye nufiafia si ŋu wòle be míalé fɔ ɖo ɣesiaɣi?\nYuda kple Buddha subɔsubɔ kpakple Hela xexemenunya katã ɖea agbenyuinɔnɔ ŋuti se sia gɔme ɖe mɔ vovovowo nu. Gake nusi Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me la nye xexeame katã ƒe nufiafia si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. (Mateo 7:12)—12\/1, axa 3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011215\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2023-10-04T13:53:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511369.62\/warc\/CC-MAIN-20231004120203-20231004150203-00884.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988293052,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988293051719666}","num_words":710,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2006 Amekawoe Wɔna Ðe Kristo ƒe Nufiafiawo Dzi Egbea? Amekawoe Nye Kristotɔ Akuakuawo? Nya Vevi Siwo Tso Ester ƒe Agbalẽ Me Nusi Nyo Nyanya Kple Ewɔwɔ Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame 'Minɔ Mo Xexi Le Nusianu Me' \"Mègatɔ O, Yi Edzi!\" Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ƒe 2006\/2007 \"Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!\" Nutome Gã Takpekpe Wɔƒewo Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060301\/","date":"2023-12-01T15:34:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100290.24\/warc\/CC-MAIN-20231201151933-20231201181933-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9926816225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.992681622505188}","num_words":64,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Lɔlɔ̃tɔwo, esiae nye agbalẽ evelia si ŋlɔm mele ɖo ɖe mi fifia, si me mele miaƒe nuŋububu ƒe ŋutetewo nyɔm le, to ŋkuɖodzinya siawo dzi, abe ale si mewɔe le agbalẽ gbãtɔ me ene, 2 be miaɖo ŋku nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ do ŋgɔ, kpakple Aƒetɔ kple Ðela la ƒe se si wòna to miaƒe apostolowo dzi la dzi. 3 Elabena gbã la, mienya esia be, le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava kple woƒe fewuɖuɖu, eye woawɔ nu le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, 4 ahanɔ gbɔgblɔm be: \"Afi ka eƒe anyinɔnɔ sia si ŋugbe wodo la le? Kpɔ ɖa, tso ŋkeke si dzi mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.\" 5 Elabena womete ŋu de dzesi nyateƒenya sia o, le esi wodii nenema ta: be to Mawu ƒe nya la dzi la, dziƒowo nɔ anyi tso blema, eye anyigba hã do tso tsi me, eye tsi ƒo xlãe; 6 eye nu siawoe wotsɔ tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee. 7 Gake to nya ma ke dzi la, wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la. 8 Ke hã, lɔlɔ̃tɔwo, migana miaƒe susu nadzo le nyateƒenya sia dzi o: ŋkeke ɖeka le Yehowa gbɔ abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka abe ŋkeke ɖeka ene. 9 Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ. 10 Ke hã, Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, si me dziƒowo nu ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, gake wo me nuawo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la alolõ, eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa. 11 Esi woalolõ nu siawo katã ta la, ame ka ƒomeviwo ye nye esi wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me, 12 eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu,* esime woalolõ dziƒowo le dzo me, eye wo me nuwo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la, alolõ! 13 Gake míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu. 14 Eya ta lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nu siawo lalam ta la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòakpɔ mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa me. 15 Eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ na mi le nunya si wonae la nu ene, 16 esi wòƒoa nu tso nu siawo ŋu abe ale si wòwɔna le eƒe agbalẽwo katã me ene. Gake le wo me la, nanewo gɔme sese sesẽ, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo le gbo trɔmee, abe ale si wowɔ Ŋɔŋlɔ bubuawo ke ene, hena woawo ŋutɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃. 17 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nu siawo do ŋgɔ ta la, minɔ ŋudzɔ, be sedzidalawo ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo ŋu, be miadze anyi le miaƒe tenɔnɔ sesĩ la me o. 18 Ao, ke boŋ miyi edzi miatsi le mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe fifia yi ɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Le Helagbe me la, nya 'parousia,' si fia \"anyinɔnɔ\" ye dze le afi sia. Efia ɣeyiɣi ƒe didime aɖe, eye nu siwo dzɔ le ɣeyiɣi ma me dzie wonɔa te ɖo nyana. Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 5 lia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-petro\/3\/","date":"2023-12-11T06:50:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679103558.93\/warc\/CC-MAIN-20231211045204-20231211075204-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988746643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988746643066406}","num_words":605,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Te Ðe Mawu Ŋu\n\"Yehowa Enye Kplɔlanye\"\nKPƆ nɔnɔmetata si le axa sia ɖa. Ède dzesi ale si alẽ sia le dedie le alẽkplɔlaa ƒe abɔdomea? Le Psalmo 23 lia me la, Biblia zã alẽkplɔla kple eƒe alẽ tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ale si Yehowa léa be na esubɔlawoe. Abe ale si hakpalaa se le eɖokui me ene la, edi be míawo hã míase le mía ɖokui me be míele dedie, bene míatsɔ dzideƒo agblɔ be: \"Yehowa enye kplɔlanye.\" *—Kpukpui 1.\nPsalmo sia ŋlɔla, David, nye alẽkplɔla esime wònye ɖekakpui. Enya nu si alẽwo hiã na kpakple agba si le alẽkplɔla dzi. Esi David kpɔ ale si Yehowa lé be nɛ la, ekpa ha si wova yɔ be \"kaka ɖe Mawu dzi alo ŋuɖoɖo ɖe eŋu ƒe psalmo.\" Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le psalmo sia ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu. (Kpukpui 1, 6) Le kpukpui mamlɛawo me la, woƒo nu tso mɔ etɔ̃ siwo nu Yehowa léa be na eƒe amewo abe ale si alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwo ene la ŋu.—Psalmo 100:3.\nYehowa kplɔa eƒe alẽwo. Ne kplɔla mele alẽwo nu o la, wobuna. Nenema kee míawo hã míehiã na kpekpeɖeŋu be míato mɔ nyuitɔ dzi le agbe me. (Yeremiya 10:23) David gblɔ tso Yehowa ŋu be ekplɔa eƒe amewo yia \"lãnyiƒe damawo,\" eye wònana wotsyɔa akɔ ɖe \"gbɔɖemeƒe tɔwo nu.\" Ekplɔa wo toa \"toƒe dzɔdzɔewo.\" (Kpukpui 2, 3) Ale si hakpalaa ɖɔ nuwo nyuie alea la ka ɖe edzi na mí be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiame siwo le Biblia me dzi la, míate ŋu anɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le, eye míanɔ dedie.\nYehowa kpɔa eƒe alẽwo ta. Ne alẽkplɔla meli o la, alẽawo vɔ̃na, eye wometea ŋu kpɔa wo ɖokui ta o. Yehowa le egblɔm na eƒe amewo be ne wozɔ \"bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me,\" si fia ɣeyiɣi si me wòdze abe mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo le agbe me ene gɔ̃ hã la, mele be woavɔ̃ o. (Kpukpui 4) Yehowa ƒe ŋku nɔa wo ŋu, enɔa klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe wo ŋu. Ate ŋu ana esubɔlawo nunya kple ŋusẽ si wohiã na bene woate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔwo nu.—Filipitɔwo 4:13; Yakobo 1:2-5.\nYehowa nyia eƒe alẽwo. Alẽwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kplɔla ŋu be wòadi nuɖuɖu na yewo. Gbɔgbɔmenuwo hiã mí, eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me koe míate ŋu akpɔ hiahiã siawo gbɔ. (Mateo 5:3) Dzidzɔtɔe la, Yehowa nye Nunala dɔmenyotɔ si ɖoa kplɔ̃ gã na esubɔlawo. (Kpukpui 5) To Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo abe esi xlẽm nèle ene dzi la, míekena ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si kpena ɖe mía ŋu míenyana taɖodzinu si le agbea ŋu kpakple Mawu ƒe tameɖoɖo na mí.\nDavid se le eɖokui me be yele dedie, elabena enya be ne yele Yehowa, yeƒe Alẽkplɔla si le dziƒo la, ŋu kplikplikpli la, alé be na ye lɔlɔ̃tɔe le yeƒe \"agbe me ŋkekewo katã me.\" (Kpukpui 6) Èdi be ye hã yeanɔ dedie nenema? Ekema srɔ̃ ale si nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Esia ana nàse le ɖokuiwò me be yele dedie le Alẽkplɔla Gã, si kplɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye wòkpɔa wo ta henyia wo la, ƒe abɔdome.—Yesaya 40:11.\nBiblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le May me:\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Mawunyakpukpui sia ƒe gɔmeɖeɖe si ame geɖe nyae nye \"AƑETƆ la enye kplɔlanye.\" Ne èdi be yeanya nu si tae Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo mezã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa o la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 195-197. Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Yehowa-Enye-Kpl%C9%94lanye\/","date":"2023-12-02T12:17:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100399.81\/warc\/CC-MAIN-20231202105028-20231202135028-00163.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998491466,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984914660453796}","num_words":578,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzila Wɔnuteƒe Siwo Wɔa Nu Aduadu\n▪ Yame fana miamiamia le South Africa ƒe kponyigba gbadza la dzi abe tsifamɔ me ene. Esi menɔ nye ɔfis si me wode dzoxɔxɔe le xɔdzisasrã etɔ̃lia dzi la, melé ŋku ɖe ati lũxe aɖe si vuvɔŋɔlimeya nɔ ƒoƒom nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm la ŋu nyuie. Eye mekpɔ ahɔne siwo xlɔ̃na abe nu kom wole ene la ƒe ɖe wònɔ dzo lém ɖe ŋkeke etɔ̃ ƒe ahɔnevi eve ŋu le atilɔ dzevee aɖe to me le anyi me ɖaa.\nHafi ahɔnea naɖa azi gbãtɔa la, woa kple ahɔnetsua wowɔ dɔ aduadui hewɔ atɔ la—atsua tsɔa atilɔ kple gbe wuwluiwo vanae, eye nɔa tsɔa wo lɔ̃a atɔ lae. Wowɔ dɔa nyuie ŋutɔ, elabena vuvɔŋɔlimeya sesẽ la mete ŋu kaka atɔ, si va zu azi eve siwo ahɔnea ɖa la nɔƒe fifia o. Ahɔnenɔa dɔa aziawo dzi le zã me; ahɔnetsua hã dɔa wo dzi le ŋkeke me. Le kwasiɖa eve aɖewo megbe la, aziawo ƒo vi. Hafi kwasiɖa eve bubu nawu enu la, ahɔneviawo atsi nyuie eye ŋusẽ hã aɖo wo ŋu woate ŋu adzo.\nKpɔe ɖa le susu me! Ðe nàte ŋu ase xɔxlɔ̃ nyuie ma, si le ɖiɖim abe nukoko enea? Ahɔnenɔ la lɔ nuɖuɖu ɖe eƒe vetome vae na via siwo dɔ le wuwum vevie la heva dze ɖe atilɔ aɖe dzi le atɔa xa, eye wòxlɔ̃ tsɔ ɖee fia be yeva ɖo hele klalo axɔ ɖe atsua teƒe. Ne ahɔneviawo va tsi hedo le atɔa me hã la, dzila evea siaa ayi edzi anɔ wo nyim va se ɖe esime woawo ŋutɔwo asu te anyi wo ɖokuiwo.\nAle si xe siawo wɔa nu aduadui kple ale si woléa be na wo viwoe la wɔa nuku nam ŋutɔ, eye xeawo ƒe dzɔdzɔmenunya sia tsoa woƒe dzidzime aɖe dzi yia bubu dzi. Nyateƒenya sia na meɖo ŋku Psalmo 86:8 me nyawo dzi, si gblɔ be: \"[Oo Yehowa,] ame aɖeke mede nuwò . . . o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.\"\nYehowa Mawu na mɔfiamewo dzila amegbetɔwo le eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, me, siwo medoa kpo nu gbeɖe o abe ale si ko wòna nunya ahɔnewo ene. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de dzi ƒo na vidadawo be \"woalɔ̃ wo viwo.\" (Tito 2:4) Egblɔ na vifofowo hã be: \"Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.\" (Efesotɔwo 6:4; 1 Timoteo 5:8) Dzila siwo wɔna ɖe mɔfiame siawo dzi la ƒe nu dzea Mawu ŋu godoo.—g09 08-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Dzila-W%C9%94nute%C6%92e-Siwo-W%C9%94a-Nu-Aduadu\/","date":"2023-12-03T05:40:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100484.76\/warc\/CC-MAIN-20231203030948-20231203060948-00710.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998134315,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981343150138855}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO 2001-12-08 Ŋuɖui—Dɔléle si Naa Wozua Nuwɔametɔ Nusi Ŋuɖui Nye Gɔmesese Mɔkpɔkpɔ na Ŋuɖuilélawo Mawu Ƒe Ŋkɔ He Nyaʋiʋli Aɖe Vɛ Fêng Shui—Ðe Wònyo na Kristotɔwoa? Aleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo? Amegbetɔ Le Nu Gblẽm le Dzɔdzɔme Ŋu Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La Etsɔmemɔkpɔkpɔ Kae Li? Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Nu na Viwòwo Woase? Nyɔ! ƒe Babla 82 Lia Me Nyawo Diƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011208\/","date":"2023-12-07T23:12:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100705.19\/warc\/CC-MAIN-20231207221604-20231208011604-00379.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9910748005,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.991074800491333}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.164,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eŋlɔla: Ɖelaɖem Ofosu | Voltaonlinegh.com|\nKpovitɔwo ƒe amegã hekpe ɖe srɔ̃a kple vi ɖeka ŋu bu woƒe agbe to dzobibi wɔna si yi edzi le dzoɖa 16\/01\/2023 gbe me. Woɖe eme be kpovitɔ sia, Sgt. Owusu Asante nɔ dɔwɔƒe si kpɔna fififi kple adzodanyawo dzi le 'Ashanti' nutoame.\nNumeɖeɖewo ɖe fia be nublanuinya sia dzɔ le Apromase , Kpovitɔwo ƒe nɔƒe le Ejisu nutome afi si kpovitɔa kple eƒe ƒometɔwo le.\nWɔna sia wɔe be dɔwɔla siwo le teƒe sia la, le vɔvɔ̃ kple dzodzonyanya me, siwɔe be Kpovitɔwo ƒe gbeɖelagã, George Akuffo Dampare ɖi tsa va kpɔ nuteƒe na eɖokui hefa konyi kple ameyinugbe ƒometɔwo.\nTogbɔ be womeke ɖe dzobibi wɔna sia ƒe dzɔtsoƒe ŋu haɖeke o hã la, wotsɔ ameyinugbeawo ƒe kakɛwo yi ɖe kpefafɛ dzi.\nSource: www.voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/kpovit%C9%94-a%C9%96e-kple-e%C6%92e-%C6%92omea-tsr%C9%94-to-dzo-f%C9%94ku-me\/","date":"2023-12-02T09:35:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100381.14\/warc\/CC-MAIN-20231202073445-20231202103445-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996360898,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963608980178833}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nTsɔtsɔke nye agɔ si ame aɖe dze le ame dzi la tsɔtsɔ ke. Helagbe me nya si gɔme woɖena be \"tsɔtsɔke\" le nya ŋutɔŋutɔ nu la fia be \"woaɖe asi le nu ŋu,\" abe ale si ame aɖe naɖe asi le fe si wonyi le eŋu la ŋu ene. Yesu zã kpɔɖeŋu sia esi wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: \"Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, elabena míawo ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu.\" (Luka 11:4) Nenema kee le eƒe lododo si ku ɖe kluvi nublanuimakpɔla ŋu me la, Yesu tsɔ tsɔtsɔke sɔ kple flitete ɖe fe si ame aɖe nyi le nɔvia ŋu la me.—Mateo 18:23-35.\nMíetsɔ kea amewo ne mímelé wo ɖe dɔme alo bia be woaɖo nu si wogblẽ le mía ŋu la teƒe na mí o. Biblia fia nu be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ye ʋãa ame wòtsɔa agɔ si wodze le edzi la kena tso dzi me, elabena lɔlɔ̃ \"meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.\"—1 Korintotɔwo 13:4, 5.\nNu si tsɔtsɔke mefia o\nMefia nu gbegblẽ dzi dede o. Biblia meda asi ɖe ame siwo gblɔna be nu gbegblẽ wɔwɔ nyo alo menye vɔ̃ o la ƒe susu dzi o.—Yesaya 5:20.\nMefia be ame nawɔ nu abe ɖe womedze agɔ aɖeke le edzi ene o. Mawu tsɔ Fia David ��e nu vɔ̃ gã aɖe kee, gake mekpɔ David ta tso eƒe nu vɔ̃ me tsonu gbegblẽwo me o. Mawu na woŋlɔ David ƒe nu vɔ̃wo ɖi gɔ̃ hã, si wɔe be amewo ɖoa ŋku edzi egbea.—2 Samuel 12:9-13.\nMefia be nàɖe mɔ ame bubuwo naba wò o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èdo ga na ame aɖe gake egblẽ ga dome eye mete ŋu xe gaa na wò abe ale si wòdo ŋugbee ene o. Eɖe kuku na wò ɖe ale si nuwo va yii ta. Àte ŋu atiae be yeatsɔe akee faa, màganɔ nya ma hem ɖe go o, alo àte ŋu ate fli ɖe fe si wònyi le ŋuwò la me gɔ̃ hã. Gake àte ŋu atiae hã be yemagado ga na amea azɔ o.—Psalmo 37:21; Lododowo 14:15; 22:3; Galatiatɔwo 6:7.\nMefia be woatsɔ ake ame si metrɔ dzi me o. Mawu metsɔna kea ame siwo ɖonɛ koŋ wɔa nu vɔ̃ hegbea lɔlɔ̃ ɖe woƒe nu vɔ̃a dzi eye wogbena be yewomatrɔ nɔnɔme ahaɖe kuku na ame siwo ŋu woƒe nu vɔ̃a gblẽ nu le la o. (Lododowo 28:13; Dɔwɔwɔwo 26:20; Hebritɔwo 10:26) Ame matrɔdzime siawo va zua Mawu ƒe futɔwo, eye medi be míatsɔ ake ame siwo eya ŋutɔ metsɔ ke la o.—Psalmo 139:21, 22.\nKe ne ame aɖe wɔ tagbɔsesẽnu ɖe ŋuwò eye wògbe kukuɖeɖe na wò alo gbe lɔlɔ̃ ɖe eƒe nuwɔnaa dzi kura gɔ̃ hã ya ɖe? Biblia gblɔ be: \"Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.\" (Psalmo 37:8) Togbɔ be esia mefia be nàde nu gbegblẽ dzi na amea o hã la, àte ŋu atiae be yemaɖe mɔ eƒe nuwɔna nana yeado dɔmedzoe o. Ka ɖe edzi be Mawu abia akɔnta tso amea si. (Hebritɔwo 10:30, 31) Gawu la, wò dzi nefa, elabe Mawu ɖoe be yeana ɣeyiɣi aɖe nava le etsɔme esime nu siwo doa vevesese na mí vevie alo ɖea fu na mí vevie egbea la maganɔ anyi o.—Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4.\nMefia nu si míawo ŋutɔ míesusu be enye agɔ wodze le mía dzi o. Ɣeaɖewoɣi la, le esi míatsɔ agɔ si míesusu be wodze le mía dzi ake teƒe la, ɖewohĩ ahiã be míalɔ̃ ɖe edzi be susu aɖeke meli si tae wòhiã be míado dziku ɖo o. Biblia gblɔ be: \"Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.\"—Nyagblɔla 7:9.\nAle si nàwɔ atsɔ ake\nÐo ŋku nu si tsɔtsɔke lɔ̃ ɖe eme la dzi. Menye ɖe nèle nu gbegblẽ dzi dem na amea alo nèwɔ abe be ɖe amea medze agɔ ene o, ke boŋ ɖeko nèɖe asi le nyaa ŋu.\nNya viɖe siwo ate ŋu ado tso tsɔtsɔke me na wò. Asiɖeɖe le dziku ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò kpoo, ana nànɔ lãmesẽ me eye wòana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu. (Lododowo 14:30; Mateo 5:9) Gawu la, ne míetsɔ amewo ƒe vodadawo ke ko hafi Mawu atsɔ ake mí.—Mateo 6:14, 15.\nSe veve ɖe ame nu. Ame madeblibowoe mí katã míenye. (Yakobo 3:2) Abe ale si ko wòdzɔa dzi na mí ne wotsɔ míaƒe vodadawo ke míi ene la, nenema kee wòle be míawo hã míatsɔ amewo ƒe vodadawo ake woe.—Mateo 7:12.\nSe nu gɔme. Ne nu si wowɔ ɖe ŋuwò menye nya gã aɖeke o la, àte ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: \"Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo.\"—Kolosetɔwo 3:13.\nTsɔ ke kaba. Tsɔ ke kaba ale si wòanya wɔ ale be màganɔ nyaa ŋu bum ʋuu wò dziku nafla o.—Efesotɔwo 4:26, 27.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nu-kae-nye-ts%C9%94ts%C9%94ke\/","date":"2023-12-11T16:17:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679515260.97\/warc\/CC-MAIN-20231211143258-20231211173258-00385.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951110482,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951110482215881}","num_words":778,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nYudatɔwo ƒe Dukɔ me Mawue Yehowa Nyea?\nLE DUKƆ geɖe me egbea la, Yehowa Ðasefo siwo li egbea ƒe habɔbɔ la ŋue wonya ŋkɔ Yehowa ɖo nyuie. Gake ŋkɔ sia dze le Biblia gɔmeɖeɖe si subɔsubɔha bubuwo hã zãna tsɔ kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la dometɔ aɖewo me. Le nyateƒe me la, ƒe akpe geɖee nye sia si wole ŋkɔ Yehowa si wotsɔa Ŋɔŋlɔdzesi Ene le Hebrigbe me ŋlɔna la zãm.\nWoyɔa Yehowa ɣeaɖewoɣi be \"Israel ƒe Mawu.\" (Kronika I, 17:24) Nyagbɔgblɔ sia na ame aɖewo xɔe se be teƒe aɖe ƒe mawu si Hebritɔwo xɔ tso dukɔ bubu aɖe gbɔ tsɔ wɔ wo ɖokui tɔe alo mawu aɖe si woawo ŋutɔ to vɛ ko wònye. Karen Armstrong, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye A History of God la gblɔ be: \"Gbã la, wobu [Yehowa] be enye Israel-viwo ƒe dukɔ me mawu ŋutasẽla gã aɖe. Emegbe Israel nyagblɔɖilawo . . . , le ƒe alafa adrelia kple adelia D.M.Ŋ me lɔƒo, tsɔ dukɔ me Mawu sia ƒe ŋkɔ na Mawu nuwokatãtaƒola si gbɔ amegbetɔ ƒe ɖɔɖɔ ŋu.\"\nSubɔsubɔŋutinyaŋlɔla geɖewo tee kpɔ be yewoagblɔ be Kanaan alo Egipte tɔwoe to ŋkɔ Yehowa vɛ. Ame bubuwo te tɔ ɖe edzi be \"dukɔ aɖe [ƒe mawu ƒe] ŋkɔ xoxo aɖee\" eye mefia Mawu si woɖe fia le \"Nubabla Yeyea\" me o. Nyateƒeea? Nukae Biblia xexlẽ ŋuɖɔɖɔɖotɔe ɖe fia?\nYehowa—Dukɔwo Katã ƒe Mawue Wònye\nBiblia la lɔ̃ ɖe edzi be kadodo kplikplikpli nɔ Yehowa kple Israel-dukɔa dome. Gake menye esia ta woabui dukɔ me mawu aɖe ko o. Kristotɔ apostolo Paulo bia be: \"Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko tɔ, eye menye [dukɔwo, NW] tɔ hã oa?\" Aleke Paulo ɖo eŋu eme kɔe? \"Ẽ, [dukɔwo, NW] Romatɔwo 3:29) Mawu kae Paulo wɔnɛ? Enyo, le lɛta sia ke si woŋlɔ na Romatɔwo me la, ŋkɔ Yehowa dze zi gbɔ zi 19 sɔŋ. Esi apostoloa nɔ nya yɔm tso Hebritɔ nyagblɔɖila Yoel ƒe agbalẽa me la, egblɔ be menye Yudatɔwo ɖeɖeko o ke boŋ 'amesiame, si ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.' —Romatɔwo 10:13; Yoel 3:5.tɔ hã wònye.\" (\nMenye Israel-viwoe tia Yehowa be wòanye yewoƒe Mawu o; ke boŋ Yehowae tia wo be yeazã atsɔ awɔ yeƒe tameɖoɖo dzii—eyae nye be woadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la ƒe vava. Gawu la, dukɔwo ƒe mawuwo ƒe etsɔme nɔa te ɖe esubɔlawo dzi. Ne woɖu dukɔa dzi la, wɔna vɔna le woƒe mawua hã ŋu. Mele alea le Yehowa ya gome o.\nWodo ŋugbe be woayra anyigba dzi dukɔwo katã le nu si Yehowa bla kple Abraham—si dze dɔwɔwɔ gɔme ƒe alafawo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia—la me, eye esia ɖe alesi gbegbe Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea katã la fia. (Mose I, 12:1-3; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 11:18) Israel-fia Dawid ɖee fia be menye Israel-nyigba ɖeɖekoe nye Yehowa tɔ o ke boŋ: \"Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.\" —Psalmo 24:1.\nEmegbe, esi fia Dawid vi Salomo kɔ gbedoxɔ aɖe ŋu be wòanye Yehowa ƒe tadeaguƒe la, eɖee fia be mɔ aɖe li si dzi ɖokuibɔbɔla siwo tso dukɔ ɖesiaɖe me ate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋu. Le eƒe adzɔgbeɖeɖe gbedodoɖa la me la, Salomo gblɔ be: \"Ne du bubu me tɔ hã, amesi metso wò dukɔ Israel me o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzi wòtso va . . . eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la, ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene.\"—Fiawo I, 8:41-43.\nWogbe Israel\nNufiala C. J. Labuschagne ŋlɔ le ƒomedodo si le Israel-viwo kple Yehowa dome ŋu be: \"Le Israel-viwo ƒe ŋutinya katã me la wokpɔnɛ enuenu be yewoƒe 'dukɔa' ƒe Mawu la te ŋu wɔa nu si mede dukɔa dzi o alo tsia tre ɖe dukɔa ŋu kura gɔ hã.\" Esi Israel gbe Mesia la le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa hã gbe dukɔ ma.\nGake ele be Kristotɔwo nayi edzi azã Yehowa ƒe ŋkɔ la. Esi Kristo-hamea nɔ tsitsim la, emenɔlawo va nye amesiwo tso dukɔ sia dukɔ me. Esime nusrɔ̃la Yudatɔ Yakobo nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe dzi kpɔm le Yerusalem la, egblɔ be Mawu 'kpɔ dukɔ siwo menye Yudatɔwo o ɖa, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.' Yakobo yɔ nyagblɔɖi aɖe tso Amos ƒe agbalẽa si me Yehowa ƒe ŋkɔ dze le me tsɔ ɖo kpe edzi be nya sia si wogblɔ ɖi la va me.—Dɔwɔwɔwo 15:2, 12-14; Amos 9:11, 12.\nEtsɔ Ðe Le Eme na Amesiame, Eyraa Amesiame\nLe kpeɖoɖo Yehowa ƒe xexeame katã ƒe Mawunyenye dzi ake me la, Paulo ŋlɔ bena: 'Vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.' (Romatɔwo, 10:12) Ẽ, ameƒomea me tɔ toɖolawo katã ate ŋu akpɔ Yehowa ƒe yayra.\nYehowa do etsɔme wɔnuku aɖe ƒe ŋugbe na via amegbetɔ toɖola wɔnuteƒewo katã—metsɔ le du si me wotso alo ameƒomevi si wonye la me o. Eƒe Nya yɔ amesiawo be 'dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ.' (Xagai 2:7) Amesiawo va dzea si Yehowa eye wova lɔ̃nɛ. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ gblɔ le wo ŋu bena: \"Dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me [Yehowa]; elabena woɖe wo nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.\"—Nyaɖeɖefia 15:4.\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nMose lé Se Ewoawo ɖe asi","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010508\/Yudat%C9%94wo-%C6%92e-Duk%C9%94-me-Mawue-Yehowa-Nyea\/","date":"2023-12-05T22:51:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100568.68\/warc\/CC-MAIN-20231205204654-20231205234654-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982569218,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982569217681885}","num_words":886,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzilaɖekɛ, Gake Metsi Akogo O\n\"Ne vinyewo gbɔ va aƒeme va kpla asi kɔ nam hegblɔ nam be yewolɔ̃m la, ɣemaɣie mesea vidadanyenye ƒe vivi.\"—DORIS, DZILAÐEKƐ SI SI VI EVE LE.\nDZILAÐEKƐWO ate ŋu akpɔ akɔfaname tso Biblia ƒe nya si wògblɔ me be: \"Ðeviwo nye yayra kple nunana tso AƑETƆ la gbɔ.\" (Psalmo 127:3, Contemporary English Version) Asixɔxɔ ��eka ma ke koe le ɖevi siwo wonyi le dzilaɖekɛƒomewo me ŋu abe bubuawo ke ene le Mawu ŋkume. Enye mía Wɔla la ƒe didi be dzilaɖekɛƒomewo nakpɔ dzidzedze. Biblia la gblɔ le eŋu be: \"Eléa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe asi.\" (Psalmo 146:9) Dzilaɖekɛwo ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu le klalo be yeakpe ɖe wo ŋu.\nEnye ɖevi ɖesiaɖe ƒe gomenɔamesi be woanyii le afisi lɔlɔ̃ kple dedienɔnɔ le be wòate ŋu atsi nyuie le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. Enye agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na dzila ɖesiaɖe be Mawu nazãe le wo viwo hehe me.\nDzilaɖekɛ geɖewo va kpɔe be dzidzedzekpɔkpɔ bia gbedodoɖa veviedodotɔe, Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ɣesiaɣi, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe. Esia wɔ ɖeka kple nuxlɔ̃amenya si le Psalmo 55:23, si gblɔ be: \"Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.\"\nEnuenu la, ɖeviawo mamawo, hamemegãwo, kple dzila siwo si nuteƒekpɔkpɔ le le Kristo-hamea me la li siwo ate ŋu akpe ɖe dzilaɖekɛƒomewo ŋu be woatrɔ asi le woƒe nɔnɔme sesẽa ŋu. Ele eme baa be ƒometɔwo kple hatitadeagulawo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ kpe asi ɖe *dzilaɖekɛwo ŋu ya, gake ɖevia dzilawo ŋutɔ sie Mawu tsɔ agbanɔamedzi gãtɔ de asi na.\nDzidzɔtɔe la, dzilaɖekɛ geɖewo te ŋu kpɔ woƒe kuxi sesẽawo gbɔ dzidzedzetɔe henyi vi siwo nɔa agbe nyui, kple esiwo vɔ̃a Mawu. Nyɔ! ŋlɔlawo ɖo dze kple wo dometɔ geɖe. Nya siwo ɖi wo nɔewo si dzila siawo gblɔ dometɔ aɖewoe nye esi:\n• Aƒedzikpɔkpɔ nyuie. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze dzea agbagba vevie be ɖoɖo nyui nanɔ yewo si eye wowɔa dɔ vevie be woazɔ ɖe ɖoɖowɔɖiawo dzi. Ðoɖo nyui wɔwɔ kple nuwo gbɔ kpɔkpɔ ɖe ɖoɖo nu le vevie. Biblia la gblɔ be: \"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.\"—Lododowo 21:5.\n• Ðokuitsɔtsɔna. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze tsɔa ƒomegbenɔnɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Woƒe ŋku nɔa ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dzi wu woawo ŋutɔwo tɔ.—Timoteo I, 5:8.\n• Nuwo gbɔ kpɔkpɔ le mɔ si da sɔ nu. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze mebua kuxiwo nu tsɛ alo bunɛ nya gãe o; ke boŋ wodzea agbagba be yewoakpɔ wo gbɔ. Wodzea ŋgɔ kuxiawo eye wowɔa wo tɔ sinua be yewoakpɔ wo gbɔ ke menye le blanuiléle alo nuxaxa me o.\n• Kadodo nyui. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze kpɔa egbɔ be dzeɖoɖo nyui ƒe mɔ ʋu ɖi. Wodea dzi ƒo na ƒomea me tɔwo be woaɖe woƒe susu kple seselelãmewo agblɔ faa. Vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖe gblɔ le viawo ŋu be: \"Meƒoa nu na wo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Míewɔa nu 'ɖekae kple dzidzɔ' ne míele nu ɖam. Ɣemaɣie wote ŋu gblɔa woƒe dzimenyawo nam wu.\"\n• Beléle na ame ɖokui. Togbɔ be agba geɖe nɔa dzilaɖekɛwo dzi hã la, wo dometɔ siwo kpɔa dzidzedze dzea sii be ele vevie be yewoakpɔ yewoƒe gbɔgbɔ me, seselelãme, kple ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ. Ethel, amesi zu vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si vi eve le la, ɖe nu me be: \"Medzea agbagba be madi ɣeyiɣi aɖe na ɖokuinye. Le kpɔɖeŋu me, ne xɔ̃nye le ha fiam ɖeviawo la, mevona gaƒoƒo ɖeka. Menɔa anyi television maʋumaʋui.\"\n• Mɔkpɔkpɔ be ɣeyiɣi nyuiwo ava. Mɔkpɔkpɔ nyuiwo nɔa dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze si le ɖeviwo hehe me kple le agbe me siaa.Mɔkpɔkpɔ nɔa wo si le nɔnɔme sesẽwo me. Vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si ƒewuivi etɔ̃ le la gblɔ be: \"Meva kpɔe be dzilaɖekɛnyenye meɖea dzi le ame ƒo o.\"\nDzidzedzekpɔkpɔ Ŋuti Nyatakaka Aɖewo\nÐe mɔnu siawo wɔa dɔa? Ẽ, abe alesi dzilaɖekɛ geɖewo ƒe nyatakaka ɖee fia ene. Gloria, si míeyɔ le nyati gbãtɔa me, si zu vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si le dɔ wɔm le England, te ŋu nyi viŋutsuvi eve kple vinyɔnuvi ɖeka. Wo ame etɔ̃awo katã tsi va zu Kristotɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo tsɔ wo ɖokui ɖo anyi na Biblia-fiafiadɔ wɔwɔ. Esi wobia Gloria alesi wòte ŋu wɔ esiae la, eɖo eŋu be: \"Nu gbãtɔ enye alesi melé Biblia nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname wɔwɔ me ɖe asi. Nye didi enye be ɖeviawo nanɔ dzidzɔ kpɔm, woƒe susu nadze akɔ anyi, woƒe dzi nadze eme, eye mɔtetre aɖeke nagaɖe wo o. Mekpɔ zãdɔ aɖe nɔ wɔwɔm. Nye taɖodzinu enye be manɔ anyi kple ɖeviawo ɣesiaɣi si mate ŋui. Hafi madzo ayi dɔ me la, míedoa gbe ɖa ɖekae eye menaa womlɔa anyi. Daɖia nɔa aƒea me ne meyi dɔ me.\"\nAleke Gloria te ŋu kpe ɖe viawo ŋu be wowɔ tiatia nyuitɔwo? Eyi dzi gblɔ be: \"Nye taɖodzinu vevitɔ enye be matsɔ gbɔgbɔ me nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ga geɖe menɔ mía si o, eye nyemetsɔ esia ɣla ɖe ɖeviawo o. Nye ŋutɔ mexɔa ŋgɔ wɔa nusianu si mebiana tsoa wo si be woawɔ, eye wokpea asi ɖe ewɔwɔ ŋu.\" Esi Gloria nɔ ŋku ɖom alesi wòna eƒe ƒomea wɔa nu aduadu dzi la, egblɔ be: \"Nusi koŋ gbɔ wòtsoe nye alesi míewɔ nu ɖekae. Ame aɖeke meɖea eɖokui ɖe aga ɖoa xɔ o. Míeɖaa nu, klɔa nu, hedzraa nuwo ɖo ɖekae. Míedana sɔna le míaƒe nuwɔnawo me. Mekpɔa egbɔ be míeɖea modzaka hã.\"\nDzi dzɔa Carolyn, vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si viŋutsuvi si ŋkɔe nye Joseph le ɖe alesi via le tsitsim ŋu. Nuka koŋ tae? Egblɔ be: \"Míexlẽa Biblia ɖekae le anyimlɔɣi, emegbe mebiaa nyae ku ɖe nusi wòsrɔ̃ ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míedzroa memama tiatia aɖewo me le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me eye míedea ŋugble le alesi woku ɖe mía ŋui ŋu. Esia kpena ɖe Joseph ŋu ne edze ŋgɔ kuxiwo abe ɖevi tsitsiwo ƒe anyrawɔwɔ le ame ŋu le suku ene.\" Carolyn ʋu eme be agbenɔnɔ menɔa bɔbɔe ya o, gake mesenɛ le eɖokui me be yetsi akogo o. Egblɔ be: \"Ebia kutrikuku gbesiagbe, gake mesenɛ le ɖokuinye me be Yehowa kpe ɖe ŋunye vavã. Kristo-hamea me tɔwo hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ.\"\nDzilaɖekɛ akpe geɖe siwo kpɔ dzidzedze ƒe nyatakakawo, abe Gloria kple Carolyn tɔ ene, ɖee fia be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo wɔa dɔ nyuie ŋu anyi vi ɖɔʋu siwo sẽŋu le gbɔgbɔ me. (Lododowo 22:6) Miate ŋu akpɔ dzidzedze! Gbetɔame geɖe le dzilaɖekɛ ƒe vinyinyi me si naa mɔnukpɔkpɔ ame be woawɔ ŋgɔyiyi eye woawɔ nu ɖekae. Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe kple kaka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ dzilaɖekɛwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Psalmo 121:1-3.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Ne èle nyatakaka bubuwo dim ku ɖe alesi dzilaɖekɛƒomewo awɔ akpɔ dzidzedze ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe ta 9 lia, si Yehowa Ðasefowo ta.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]\nƑome Biblia nusɔsrɔ̃ kpe ɖe Gloria ƒe vi etɔ̃awo ŋu wova zu Kristotɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Wole viŋutsuvi tsitsitɔ, si nye dutanyanyuigblɔla fifia, ƒe lɛta si wòŋlɔ kple foto kpɔm ɖa le afisia\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]\nCarolyn kple via, Joseph","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021008\/Dzila%C9%96ek%C9%9B-Gake-Metsi-Akogo-O\/","date":"2023-12-04T19:13:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100534.18\/warc\/CC-MAIN-20231204182901-20231204212901-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987081289,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987081289291382}","num_words":1158,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sirakusa—Du Aɖe Si Me Paulo Tɔ Ðo Le Eƒe Mɔzɔzɔ Me\nANƆ abe ƒe 59 M.Ŋ. me ene la, tɔdziʋu aɖe zɔ mɔ to Mediterranea ƒukpo si nye Melite la dzi heɖo ta Italy. Nuŋɔŋlɔ si nɔ tɔdziʋua ŋue nye 'Zeus Viwo,' mawu siwo wobuna be woawoe kpɔa ƒudzidɔwɔlawo ta. Biblia ŋlɔla Luka gblɔ be tɔdziʋu la va 'dze ɖe Sirakusa' si nɔ Sicily ƒuta ƒe anyieheɣedzeƒe gome la, eye 'wònɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.' (Dɔwɔwɔwo 28:11, 12) Ame siwo nɔ ʋua me kple Luka la dometɔ aɖewoe nye Aristarxo kple apostolo Paulo si wokplɔ yina ʋɔnu le Roma.—Dɔwɔwɔwo 27:2.\nMíenya ne woɖe mɔ na Paulo wòɖi le tɔdziʋua me le Sirakusa o. Nenye be eya alo ehati mɔzɔlawo ɖi le ʋua me la, nu kae woanya kpɔ?\nLe Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Sirakusa xɔ ŋkɔ abe Atene kple Roma ene. Le xotutuwo nu la, Korintotɔwoe tsoe le ƒe 734 D.M.Ŋ. me. Bubu nɔ Sirakusa ŋu le ɣeyiɣi aɖewo me, eye afi mae wodzi fefeŋlɔla xɔŋkɔ Epicharmus kple akɔntanyala Archimedes le. Le ƒe 212 D.M.Ŋ. me la, Romatɔwo xɔ Sirakusa.\nTsaɖiɖi yi egbegbe Sirakusa ana nàkpɔ ale si dugã la nɔ le Paulo ƒe ŋkekeawo me. Woma dugã sia ɖe akpa eve me—ɖeka nɔ Ortygia ƒukpo sue la dzi, edze abe afi mae Paulo ƒe tɔdziʋu la va dze ene, eye evelia nɔ Sicily dua ŋutɔ me.\nNe èyi ƒukpo ma dzi egbea la, àte ŋu akpɔ gbedoxɔ xoxotɔ si wotu ɖe blema Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu nu la ƒe glikpowo le Sicily—si nye Apolo ƒe gbedoxɔ si wotu le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me. Àte ŋu akpɔ gbedoxɔ si wotu na Athena le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la ƒe sɔtiwo hã, gake eva zu sɔlemexɔgã si me bisiɔp nɔna la ƒe akpa aɖe.\nÀte ŋu akpɔ dugã la egbea le Sicily dua me, afi si nàte ŋu aɖi tsa ayi Neapoli tsaɖibɔ si me blemanu siwo ŋu woke ɖo le. Helatɔwo ƒe fefewɔƒe si nye fefewɔƒe gãtɔ siwo wotu ɖe Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu nu, siwo gakpɔtɔ li la dometɔ ɖeka la te ɖe eƒe mɔnu. Esi fefewɔƒea dze ŋgɔ atsiaƒua ta la, enye teƒe nyui aɖe si sɔ na fefewɔwɔ ŋutɔ. Le abɔa ƒe anyiehekpa dzi ƒe yɔyrɔe nu la, àkpɔ Romatɔwo ƒe fefewɔƒe gã si wotu le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la. Ele nogoo, eye wòdidi meta 140 hekeke meta 119, eye wònye fefewɔƒe gãtɔ etɔ̃lia le Italy.\nNe mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèɖi tsa yi Sirakusa la, àte ŋu anɔ anyi ɖe zikpui siwo woda ɖe Ortygia ƒua ta la dzi, aʋu Dɔwɔwɔwo 28:12 le wò Biblia me, eye nànɔ ale si apostolo Paulo nɔ tɔdziʋua me esime ʋua zɔ blewuu va dze ɖe tɔdziʋudzeƒe sia la kpɔm le susu me.\n[Anyigbatata si le axa 30]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nMelite\nSicily\nSirakusa\nITALY\nRegio\nPuteoli\nRoma\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\nHelatɔwo ƒe fefewɔƒe si nɔ Sirakusa la ƒe glikpowo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071015\/Sirakusa-Du-A%C9%96e-Si-Me-Paulo-T%C9%94-%C3%90o-Le-E%C6%92e-M%C9%94z%C9%94z%C9%94-Me\/","date":"2023-12-11T23:08:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679518883.99\/warc\/CC-MAIN-20231211210408-20231212000408-00783.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967944622,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967944622039795}","num_words":478,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?\nYESU bia eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka be: \"Vifofo kae le mia dome, si ne via bia tɔmelãe la, ɖewohĩ wòatsɔ da anae ɖe tɔmelã teƒe? Alo ne ebia koklozi hã la, wòatsɔ dziɖegbe anae?\" (Luka 11:11, 12) Ðevi siwo nɔ Galilea ɣemaɣi la lɔ̃a koklozi kple tɔmelãwo ɖuɖu; eye wonya nu si nu siawo nye la nyuie.\nYesu gblɔ be ele be míayi edzi anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam abe ale si ɖevi si dɔ le wuwum la biaa nuɖuɖu atraɖii ene. (Luka 11:9, 13) Nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye gɔme sese nyuie ana míanya akpa vevi si wòate ŋu awɔ le míaƒe agbe me. Eya ta gbã la, na míadzro nu si Biblia fia mí tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la me.\n\"Dziƒoʋĩtɔ La Ƒe Ŋusẽ\"\nŊɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋusẽ si Mawu zãna tsɔ naa eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme. Esi mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be adzi ŋutsuvi, togbɔ be enye ɖetugbui nɔaƒe hã la, egblɔ nɛ be: \"Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.\" (Luka 1:35) Gabriel ƒe nyaawo ɖee fia be ƒomedodo aɖe le gbɔgbɔ kɔkɔea kple \"Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ\" dome.\nBiblia ƒe akpa bubuwo hã ɖee fia nenema. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: \"Ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ . . . yɔm fũ.\" (Mixa 3:8) Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi.\" (Dɔwɔwɔwo 1:8) Eye apostolo Paulo hã ƒo nu tso \"gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ\" ŋu.—Romatɔwo 15:13, 19.\nKe aleke míaƒo nya tae azɔ? Ƒomedodo kplikplikpli aɖe le gbɔgbɔ kɔkɔea kple Mawu ƒe ŋusẽ dome. Gbɔgbɔ kɔkɔea nye Yesaya 40:26.nu si dzi Yehowa zãa eƒe ŋusẽ tonae. Kpuie ko la, gbɔgbɔ kɔkɔea nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ. Ŋusẽ triakɔ ka gbegbee nye esi wònye! Míate ŋu ase ŋusẽ si gbegbe Mawu zã tsɔ wɔ xexe gbahoo sia la gɔme tsitotsito o. Yehowa de dzi ƒo na mí to nyagblɔɖila Yesaya dzi be míade ŋugble tso nya vevi siwo gbɔna ŋu: 'Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame kae wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o, le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.'—\nEya ta Biblia ɖee fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe \"alɔkame sesẽ,\" alo ŋusẽ, ye wòtsɔ wɔ xexe gbahoo sia si le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ eye emenuwo le ɖekawɔwɔ blibo me lae. Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la tri akɔ \"Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ƒe Dɔwɔwɔ.\"ŋutɔ, eye be míaƒe agbe nɔ te ɖe edzi.—Kpɔ aɖaka si nye\nYehowa te ŋu zãa eƒe ŋusẽa tsɔ wɔa nu klitsuwo, abe ale si wòwɔ xexea ene. Gake ete ŋu zãnɛ le mɔ si ɖea vi na mí eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo la hã nu. Ale si Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa wɔ dɔ ɖe esubɔlawo dzi le anyigba dzi la ŋuti nyawo bɔ ɖe Biblia me taŋ.\n\"Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Le Dzinye\"\nYesu ƒe subɔsubɔdɔa na míekpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ ɖe esubɔlawo dzi woawɔ ŋusẽdɔwo la ƒe akpa sue aɖe. Yesu gblɔ na Nazaretetɔwo be: \"Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye.\" (Luka 4:18) Nu kawoe Yesu wɔ \"le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me\"? (Luka 4:14) Eda dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe, ena ƒu dzeagbowo dze akɔ anyi, etsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo nyi ame akpeakpewo, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Apostolo Petro ɖɔ Yesu be enye \"ame si Mawu ɖe fia . . . gaglãa to ŋusẽdɔ kple nukunu kpakple dzesi siwo Mawu wɔ to edzi . . . la dzi.\"—Dɔwɔwɔwo 2:22.\nGbɔgbɔ kɔkɔe la megana nukunu mawo le dzɔdzɔm fifia o. Ke hã, ate ŋu awɔ nu ɖedzesi geɖewo na mí. Abe ale si Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawoe ene la, Yehowa lɔ̃na faa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea esubɔlawo. (Luka 11:13) Esia tae apostolo Paulo te ŋu gblɔ be: \"Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.\" (Filipitɔwo 4:13) Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le wò hã wò agbe me nenema? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia ma me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 5]\nNu Si Ta Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Menye Ame O\nBiblia tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la sɔ kple tsi. Esi Mawu nɔ yayrawo ŋugbe dom na eƒe amewo la, egblɔ be: \"Maƒo tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.\"—Yesaya 44:3.\nEsi Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe esubɔlawo dzi la, 'woyɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe.' Woɖɔ Yesu, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, Petro, Paulo, Barnaba, kple nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu le Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me la katã be woyɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe.—Luka 1:15; 4:1; Dɔwɔwɔwo 4:8; 9:17; 11:22, 24; 13:9.\nBu eŋu kpɔ: Ðe woate ŋu 'akɔ' ame ɖeka ɖe ame vovovo geɖewo dzia? Ðe nàgblɔ be ame ɖeka ate ŋu 'ayɔ' amewo ƒe ƒuƒoƒo blibo fũua? Susu manɔ eme nenema o. Biblia gblɔna be nunya, gɔmesese, alo sidzedze vavãtɔ gɔ̃ hã yɔ amewo fũu, gake megblɔ kpɔ be ame aɖe yɔ ame bubu fũu o.—2 Mose 28:3; 1 Fiawo 7:14; Luka 2:40; Kolosetɔwo 1:9.\nHelagbe me nya si gɔme woɖe be \"gbɔgbɔ\" lae nye pneuʹma, si he susu yi ŋusẽ makpɔmakpɔ aɖe dzi. Le Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words ƒe nya nu la, nya pneuʹma ŋuti \"gɔmesese gbãtɔe nye ya . . . alo vevietɔ, gbɔgbɔ, eye abe ya ke ene la, enye nu makpɔmakpɔ sẽŋu aɖe.\"\nEya ta eme kɔ ƒãa be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o. *\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 19 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe tanya si nye \"Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ,\" si le axa 201-204, hena numekɔkɔ bubuwo.\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nPhotodisc\/SuperStock","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091001\/Nu-Kae-Nye-Gb%C9%94gb%C9%94-K%C9%94k%C9%94e-La\/","date":"2024-02-25T16:02:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474617.27\/warc\/CC-MAIN-20240225135334-20240225165334-00640.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961433411,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961433410644531}","num_words":954,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ghana Dukplɔla tsãtɔ, John Dramani Mahama, ka ɖe edzi be nufitifitiwɔwɔ, ŋutetemanɔamesi, kple dukɔa ƒe nunɔamesiwo gbegblẽ dzidzɔtɔe si NPP wɔ la ava nuwuwu le ƒe 2024 ƒe tiatiawɔɣia megbe.\nEle mɔ kpɔm be Ghanatɔ siwo do dziku la agbã dziɖuɖua le esi wòdo kpo nu le esi wodo ŋugbe geɖe be yewoana Ghanatɔwo ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi vɔ megbe.\nGake John Dramani Mahama de dzesi dziɖuɖua ƒe afɔɖeɖe be yeagblẽ tiatiawɔblɔɖe ƒe nuteƒewɔwɔ me, esime wo de dzesi yewl ƒe dziɖuɖu si gbɔna la.\nEgblɔ be nusiwo ɖee fia xoxo be dziɖuɖu sia dze nugbeɖoɖo gɔme be yeagblẽ tiatiawɔblɔɖea me. Míate ŋu ado kpo de dzesi ɖetsɔleme kpata kple alesi tiatiawɔha la ƒoe ɖe enu be yewòatrɔ ŋkeke si dzi woawɔ tiatia la tso December 7 dzi va ɖo November 7 dzi le ɣeyiɣi si me meɖee fia be wole klalo be yewoawɔ dutoƒotiatia gɔ̃ hã o.\nEyi edzi be dzadzraɖo ƒe anyimanɔmanɔ dze le Nutome Sewɔtakpekpe ƒe tiatia si wowɔ le ƒe si va yi la me.\nEwunu be xleti ɖeka kple edzivɔ le akɔdadaa ma megbe la, tiatiawɔha la medzra naɖeke si le vevie abe ƒea ƒe dɔwɔnawo ƒe ɣletigbalẽ ene ɖo haɖe o. Abe alesi mía teƒenɔla siwo le IPAC si míetrɔ yi nyitsɔ laa ɖee fia ene la, ele be EC natsi dzi ɖe gɔmedzenuawo wɔwɔ nyuie ŋu eye wòakpɔ egbɔ be wole klalo bliboe na tiatia la hafi adi be yeaɖu nusi mehiã be yewoaɖu o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/afenyamedia.com\/mahama-be-dzi%C9%96u%C9%96u-le-do%C9%96o-w%C9%94m-be-yeafi-ak%C9%94dada-metsonuwo-le-2024\/","date":"2024-02-22T05:31:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473690.28\/warc\/CC-MAIN-20240222030017-20240222060017-00464.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982393384,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982393383979797}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.3,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔtunu siwo woatsɔ awɔ ati ƒe anyigba ƒe akɔntabubu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nY - anyigba ƒe didime\nX - anyigba ƒe kekeme\nZ - aƒea ƒe kekeme\nU - Lag ƒe kekeme\nW - Log ƒe titrime\nS - afɔɖeɖe ƒe megbedede\nO1 - anyigba ƒe ʋuƒo ƒe kekeme\nO2 - anyigba ƒe ʋuƒo ƒe titrime\nO2 - Subfloor boards ƒe kekeme\nO3 - subfloor board ƒe titrime\nR - Adzɔge si le ʋuƒoawo dome\nP - titrilawo le megbededewo dome\nC - Jumper ƒe gbeɖi��i\nAkɔntabubu le ati agbɔsɔsɔme si hiã na atikpoa ƒe anyigba ŋu.\nAnyigbadzixɔa ƒe lolome nyanya kple \"anyigbaxɔdzo yibɔwo\".\nAnyigba ƒe lolome ƒe akɔntabubu.\nAgbɔsɔsɔ si hiã be woatsɔ axe mɔ ɖe dzoxɔxɔ nu ƒe nyanya.\nAkɔntabubu le nuwuƒe kadodowo ƒe xexlẽme ŋu na fasteners.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nAti si wotsɔ tu anyigbae ƒe nɔnɔmetata tsitotsito.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/pol\/","date":"2024-04-14T17:02:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816893.19\/warc\/CC-MAIN-20240414161724-20240414191724-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999240637,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999240636825562}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.094,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"The Future of Art and Artificial Intelligence\nConvert words to images with OpenAI ChatGPT Dall-E image generator. Watch your imagination transform into AI-generated images online.\nPopular Prompts\nRobotwo le lãmesẽnyawo me - Dɔnɔwo dzi kpɔkpɔ ƒe tɔtrɔ Nyɔnuvi sue aɖe si do ŋkumeɖobolo le nu srɔ̃m le kplɔ̃ ŋu A surreal sɔdola - Cyberpunk dzoxɔxɔ-ya balloon mɔzɔzɔ Gbemelãwo le Afrikatɔwo ƒe safari aɖe me Vikingtɔwo ƒe kɔƒe aɖe si nɔ anyi le blema Nyɔnuvi nutovɛla aɖe si si ŋkumeɖobolo le le DIY dɔ aɖe wɔm Robot siwo le agbe ŋutɔŋutɔ siwo le afɔkuwo gbɔ kpɔkpɔ me Steampunk do go cyberpunk - ya dzodzoe ƒe balloon ƒe mɔzɔzɔ Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa yamenutomeyimɔ̃ siwo le xexe yeyewo me dzrom Abɔ dama aɖe si me akunyawɔwɔ le le zãtiƒe Dugã ƒe yamenutome si woakpɔ le etsɔme le ɣeɖoto Abɔ ɣaɣla aɖe si me lã siwo ƒoa nu le Ŋusẽ si robot siwo le agbe ŋutɔŋutɔ kpɔna ɖe hadomegbenɔnɔ dzi Ave si me afakaka le si me lãmi siwo le keklẽm le Ave si me tomefafa le si me tsitsetse ɣaɣla aɖe le\nKpɔ Nyabiase Xɔŋkɔwo Katã","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/dall-e-openai.com\/?lang=ee","date":"2024-04-12T14:35:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816024.45\/warc\/CC-MAIN-20240412132154-20240412162154-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980351925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998035192489624}","num_words":180,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.186,"stopwords_ratio":0.294,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo kpɔe be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me ne dɔléle kple lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na yewo gɔ̃ hã.\nMɔkpɔkpɔ bu ɖe Sowbhagya ale gbegbe be eɖoe be yeaɖe ye kple ye vi nyɔnuvia ƒe agbe ɖa. Nu kae kpe ɖe eŋu wòtrɔ susu eye mɔkpɔkpɔ gava su esi?\nAleke Yehowa kpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo le vome la ŋui?\nAleke Maria Lúcia te ŋu kpena ɖe amewo ŋu togbɔ be enye tokunɔ kple ŋkunɔ hã?\nMía nɔvi siwo le Venezuela yi edzi le vevie dom gbeƒãɖeɖedɔa eye wonye 'ame siwo va zu akɔfafa gã aɖe' tsoƒe na wo nɔewo.\nEsi Clodean medi be yealé blanui o ta, edo gbe ɖa na Mawu be wòado ŋusẽ ye yeate ŋu afa akɔ na ame bubuwo.\nVirginia le gbagbadɔ lém 23 sɔŋ ye nye esia. Gake mɔkpɔkpɔ si le esi ku ɖe etsɔme ŋu la faa akɔ nɛ eye wònaa eƒe dzi dzea eme.\nWodzi Onesmus kple lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle. Aleke Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me de dzi ƒo nɛ?\nMawu na \"ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu\" la nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me la le eƒe xɔse ta.\nFélix Alarcón dze afɔku vevie esime wònɔ dzokeke dzi, si wɔe be wòtu tso eƒe kɔ va ɖo afɔ gbɔ. Esia megbe la, eva ke ɖe tameɖoɖo vavã si le agbe ŋu la ŋu.\nEsi Miklós Aleksza xɔ ƒe 20 la, edze afɔku dziŋɔ aɖe hezu wɔametɔ. Aleke Biblia kpe ɖe eŋu etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su esi?\nJames Ryan, si nye Yehowa Ðasefo la, nye tokunɔ tso eƒe dzigbe, eye eƒe ŋkuwo hã va gbã emegbe. Nu kae na wòva le dzidzɔ kpɔm le agbe me?\nTogbɔ be Walter Markin nye tokunɔ hã, ele dzidzɔ kpɔm le Yehowa Mawu subɔsubɔ me eye wòkpɔ dzidzeme geɖe.\nTogbɔ be Jairo le fu kpem le dɔléle si nye cerebral palsy ƒe sesẽtɔ si me hã, ekpɔtɔ nye dzidzɔme eye taɖodzinu le eƒe agbe ŋu.\nÐevi aɖe dze afɔku vevie gake eva kpɔ nu si tae wòle be wòaxɔ Wɔla la dzi ase.\nNu kae do ŋusẽ Elisa wòdo dzi nɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu eye wòŋlɔa eƒe dɔlélea be ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã?\nSong Hee Kang te ŋu nɔ te ɖe lãmesẽkuxi sesẽ aɖe nu dzidzedzetɔe esime wòxɔ ƒe 14 pɛ ko.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/ten%C9%94n%C9%94-%C9%96e-n%C9%94n%C9%94me-ses%E1%BA%BDwo-nu\/","date":"2024-04-17T22:09:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817181.55\/warc\/CC-MAIN-20240417204934-20240417234934-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971477985,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997147798538208}","num_words":391,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.—1 Kor. 15:33.\nEsi míedi be mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie ta la, míedea ha kple ame siwo wɔa nu gbegblẽwo o. Nenema kee míedea ha kple ame siwo gblɔna be Yehowa subɔlawoe yewonye gake gbea toɖoɖo eyama la hã o. Ne ame siawo wɔ nu vɔ̃ gãwo hegbe dzimetɔtrɔ la, míedzudzɔa hadede kpli wo. (Rom. 16:17, 18) Amegbetɔwo dina be yewoawɔ nu siwo adze yewo xɔlɔ̃wo ŋu, ale be woalɔ̃ yewo. Eya ta ne míedea ha kple ame siwo mewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la, míava srɔ̃ woƒe nuwɔnawo. Le kpɔɖeŋu me, ne míedzea xɔlɔ̃ ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la, míava nɔ abe woawo ke ene. Esia dzɔ ɖe mía nɔvi aɖewo dzi. Eye woɖe wo dometɔ siwo metrɔ dzi me o la le hamea me. (1 Kor. 5:11-13) Ne wogbe dzimetɔtrɔ kokoko la, woƒe nɔnɔmea anɔ ko abe esi ŋu Petro ƒo nu tsoe ene.—2 Pet. 2:20-22. w15 8\/15 4:4-6\nNe miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.—Yoh. 15:14.\nYesu tia exɔlɔ̃ veviwo ŋuɖɔɖotɔe. Ame siwo dzea Yesu yome, wɔa nuteƒe, eye wolɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ la domee wòtia exɔlɔ̃ veviwo le. Ame siwo lɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me lae wò hã nèdzea xɔlɔ̃ea? Nu ka tae esia le vevie? Lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwoe atu mí ɖo be míatsi nyuie le gbɔgbɔ me. Ðe nènye sɔhɛ si le tame bum le nu si nàwɔ le agbe me ŋua? Ekema anyo be nàdze xɔlɔ̃ ame siwo le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia eye wodoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. Anɔ eme be woto kuxiwo me le agbe me eye wodo dzi le nɔnɔme sesẽ geɖewo me le Yehowa subɔsubɔ me. Ame siawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtia mɔ nyuitɔ si nu nànɔ agbe ɖo. Ne ède ha kpli wo la, woakpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nunyatɔe ɣesiaɣi, eye nàyi ŋgɔ le Mawu subɔsubɔ me.—Heb. 5:14. w15 9\/15 1:14, 15\nMitsi tsitre ɖe [Abosam ŋu], minɔ te sesĩe le xɔse me.—1 Pet. 5:9.\nYesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wodo ŋusẽ woƒe xɔse to eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi. (Marko 11:20-24) Ne míesrɔ̃ Yesu la, aɖe vi na mí ŋutɔ. Elabe esia wɔwɔ ado ŋusẽ míawo ŋutɔ ƒe xɔse kple ame bubuwo tɔ siaa. (Lod. 11:25) Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame siwo le wò anyigbamama me ŋui? Eyae nye be, ne èle Biblia fiam amewo la, te gbe ɖe edzi be Mawu li, be etsɔa ɖe le eme na mí, eye be Biblia nye Mawu ƒe Nya. Aleke nàte ŋu akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ woƒe xɔse ŋu? Ne èkpɔe be nɔvi aɖe le nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu lĩm la, mègaƒo asa nɛ enumake o. Dze agbagba nàkpe ɖe eŋu aɖaŋutɔe be wòado ŋusẽ eƒe xɔse. (Yuda 22, 23) Ne sukuvie nènye, eye wòva dzɔ be miaƒe nufialaa le nu fiam mi tso amedzɔtsolãme ŋu la, lé dzi ɖe ƒo nàƒo nu tso xɔse si le asiwò le nuwɔwɔwo ŋu la ŋu. Ale si wò nufialaa kple sukuhatiwo axɔ nya sia la awɔ nuku na wò ale gbegbe. Yehowa kpena ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ale be míanɔ tsitre sesĩe le xɔse me. (1 Pet. 5:10) Ebia agbagbadzedze geɖe hafi míatu xɔse sẽŋu ɖo, gake Yehowa ayra mí ne míedo ŋusẽ nu wɔe. w15 9\/15 3:20, 21","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-22","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2017-05-24T21:31:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-22\/segments\/1495463607862.71\/warc\/CC-MAIN-20170524211702-20170524231702-00382.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965280294,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965280294418335}","num_words":547,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JUNE 15, 2015\nAZERBAIJAN\nLe February 17, 2015 dzi la, Azerbaijan dziɖuɖumegãwo lé nyɔnu Yehowa Ðasefo eve le esi wole nu ƒom tso woƒe mawudzixɔsewo ŋu na amewo ta. Togbɔ be womekpɔ drɔ̃ ʋɔnu wo o hã la, wolé wo de ga le nɔnɔme dziŋɔwo me hetso wo nu be wonye nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo. Se nya si Yehowa Ðasefowo Ƒe Habɔbɔa ƒe teƒenɔla si le Europa gblɔ tso nu siwo me tom nyɔnu siawo le ŋu la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/video-m%C9%94xexe-mawusub%C9%94sub%C9%94-nu-tsitsi\/","date":"2017-12-12T15:21:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517181.32\/warc\/CC-MAIN-20171212134318-20171212154318-00669.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986293316,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986293315887451}","num_words":75,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexea Me\nXexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu va zu \"xexea me ƒe lãmesẽkuxi si le ta kekem abe abi vɔ̃ ene.\" Habɔbɔa gblɔ hã be \"nyɔnu 35 le alafa me srɔ̃wo, wo srɔ̃ xoxowo alo ŋutsu bubuwo awɔ ŋutasẽnu le wo ŋu. Srɔ̃ŋutsuwo ƒe ŋutasesẽ le wo srɔ̃nyɔnuwo ŋue bɔ wu . . . , eye wole ŋuta sẽm le nyɔnu 30 le alafa me ŋu le xexea me godoo.\"\nBritain\nEsi wobia gbe ame 64,303 la, wo dometɔ 79 le alafa me gblɔ be \"mawusubɔsubɔhawo gbɔe fukpekpe kple masɔmasɔ gbogbo siwo teƒe kpɔm míele le xexea me egbea la tso.\" Gawu la, esi wobia gbe amewo le England kple Wales le ƒe 2011 me la, wo dometɔ 59 le alafa me koe gblɔ be yewonye Kristotɔwo, evɔ le ƒe 2001 me la wo dometɔ 72 le alafa me sɔŋue gblɔ be yewonye Kristotɔwo. Le ƒe ewo mawo ke me la, ame siwo gblɔ be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o la ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso 15 va se ɖe 25 le alafa me.\nChina\nLe nyakakadɔwɔƒewo ƒe nya nu la, se aɖe si ŋu wotrɔ asi le nyitsɔ laa la bia tso ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo si be woanɔ wo dzila tsitsiwo srãm kpɔ eye gawu la, woakpɔ woƒe \"seselelãmekuxiwo\" hã gbɔ na wo. Sea \"megblɔ to si woahe\" na ame si mewɔ ɖe nya sia dzi o la o.\nEuropa\nFifia, nu vlo wɔlawo va le gbe sia gbe nuzazãwo abe atsyɔ̃ɖomi, dɔlékuiwutikewo kple nuɖuɖu gɔ̃ hã ƒe katafititɔ alo kpayɔ wɔm. Nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ƒe aɖaŋuɖoha ƒe zimenɔla aɖe gblɔ be: \"Wotea ŋu wɔa nu sia nu kloe ƒe katafititɔ alo kpayɔ, nu siwo mexɔ asi boo o kura gɔ̃ hã tɔ.\" Nuɖuɖuŋutinunyala aɖe gblɔ be, nuɖuɖu siwo katã wodzrana le dukɔ deŋgɔwo me ƒe 10 le alafa me nye katafititɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201409\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-18T15:48:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948617816.91\/warc\/CC-MAIN-20171218141805-20171218163805-00687.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992943406,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992943406105042}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.313,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míeƒoa asa na ame siwo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo gake dzudzɔ gbeƒãɖeɖe alo dzudzɔ hadede kple haxɔsetɔwo o. Le nyateƒe me la, míedzea agbagba be míakpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu le gbɔgbɔ me.\nMíetsona ko ɖea ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la le haa me o. Gake ne Ðasefo xɔ nyɔnyrɔ ɖoe koŋ le dadam le Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo dzi la, míeƒoa asa na ame ma alo ɖenɛ le haa me. Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: \"\nMiɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome.\"\nKe ne woɖe ŋutsu aɖe le haa me, evɔ srɔ̃a kple viawo kpɔtɔ nye Yehowa Ðasefowo ya ɖe? Magate ŋu awɔ ɖeka kple ƒomea le subɔsubɔnyawo me o, gake woƒe ƒomekakadodo ya me metso o. Woƒe srɔ̃ɖeɖea, lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔwo dome kple ƒomekadodowo ya yia edzi.\nAme siwo woɖe le haa me ate ŋu ade míaƒe kpekpewo. Ne wodi la, woate ŋu axɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsiwo gbɔ. Taɖodzinuae nye be woakpe ɖe wo ŋu woagadze anye Yehowa Ðasefowo. Míexɔa ame siwo woɖe le haa me, siwo dzudzɔ agbe baɖa nɔnɔ, eye wodi vevie be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu la ɖe haa me ake.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/asa%C6%92o%C6%92o\/","date":"2017-12-11T06:19:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512208.1\/warc\/CC-MAIN-20171211052406-20171211072406-00503.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967883229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967883229255676}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Oo Ma'u, ènya nye nuwɔnawo;\nNye anyimɔmlɔ kple nye fɔfɔ siaa.\nÈdzroa nye dzi kple nye susuwo siaa me.\nÈnya nye azɔlizɔzɔ\nkple numenya.\nÈkpɔm esi menye ʋukɔe ko.\nNye ƒuwo hã menɔ ɣaɣla ɖe wò'o.\nWò'agbalẽ mee woŋlɔ nye ŋutinu'o ɖo.\nMakafu wò dɔwɔwɔ gã\nwɔnukuwo.\nOo Yehowa, wò nunya me goglo loo!\nEwɔ nuku, ɛ̃, menya esia nyuie.\nNe mebe viviti netsyɔ dzinye hã,\nMawu, wò gbɔgbɔ akpɔm l'afi ma.\n'Fi kae masi le gbɔwò ayi,\nAlo aɣla ɖo eye màkpɔm o?\nDziƒo alo Tsiẽƒe alo 'tsiaƒu me?\nAfi sia 'fi si mayi la\nàkpɔm godoo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/5-mawu-%C6%92e-d%C9%94wo-w%C9%94-nuku\/","date":"2017-12-18T07:30:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948609934.85\/warc\/CC-MAIN-20171218063927-20171218085927-00409.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988873601,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988873600959778}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Isak xɔ ƒe 40 hafi ɖe Rebeka. Elɔ̃e vevie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi ŋutsuvi eve siwo nye venɔviwo.\nTsitsitɔa ŋkɔe nye Esau eye ɖevitɔa ŋkɔe nye Yakob. Esau lɔ̃ gbe me nɔnɔ, eye wòbi ɖe adedada me. Gake Yakob ya lɔ̃ aƒe me nɔnɔ.\nLe ɣemaɣi la, ne ame fofo ku la, wotsɔa eƒe anyigba kple ga ƒe akpa gãtɔ naa viŋutsu tsitsitɔ. Emae woyɔna be domenyinu. Le Isak ƒe ƒomea me la, domenyinua ƒe akpa aɖe hãe nye be ame nawɔ akpa aɖe le ŋugbe siwo Yehowa do na Abraham me. Ŋugbedodo mawo menɔ vevie na Esau ya o, gake Yakob ya nya be wole vevie ŋutɔ.\nGbe ɖeka Esau gbɔ tso adegbe eye ɖeɖi te eŋu vevie. Ese nu vivi si ɖam Yakob le la ƒe ʋeʋe lililia eye wògblɔ na Yakob be: 'Dɔ le wuyem vevie! Na atadi dzĩ ma ƒe ɖem!' Yakob gblɔ nɛ be: 'Mana wò, gake, do ŋugbe be yeatsɔ wò domenyinu la anam gbã.' Esau gblɔ be: 'Domenyinu la mele vevie nam o! Ate ŋu azu tɔwò. Tsɔ nua nam maɖu.' Èsusu be nunya le nu si Esau wɔ mea? Ao. Esau ɖe asi le nu xɔasi aɖe ŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ko ta.\nEsi Isak tsi la, ɣeyiɣia de be wòayra via tsitsitɔ. Gake Rebeka kpe ɖe Yakob si nye ɖevitɔ la ŋu be woyra eya boŋ. Esi Esau va nya nu si dzɔ la, dzi kui vevie wòdi be yeawu ye nɔvia. Isak kple Rebeka wodi be yewoakpɔ Yakob ta, eya ta wogblɔ nɛ be: 'Dzo yi ɖanɔ nyruiwò Laban gbɔ va se ɖe esime Esau ƒe dzikua nu nafa.' Yakob ɖo to edzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa eye wòsi ale be nɔvia mewui o.\n\"Viɖe kae wòanye na ame be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe? Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe agbe ta?\"—Marko 8:36, 37","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/3\/yakob-esau-domenyinu\/","date":"2017-12-17T20:13:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948597485.94\/warc\/CC-MAIN-20171217191117-20171217213117-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977900386,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977900385856628}","num_words":311,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe vɔsakua dzi. Egblɔ na wo be: \"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\"—Luka 22:19.\nLe ƒe sia me la, Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãa dze Fiɖa, April 3 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefowo le mia kple wò ƒomea kpem be miava se nuƒo si woaƒo atsɔ aɖe nu si tae Yesu ƒe kua le vevie ŋutɔ kple ale si wòate ŋu aɖe vi na mi la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150301\/%C6%92e-2015-%C6%92e-%C5%8Bku%C9%96odzia\/","date":"2017-12-18T21:25:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948623785.97\/warc\/CC-MAIN-20171218200208-20171218222208-00249.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997319579,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997319579124451}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.314,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be kuxi sesẽwo dzea ŋgɔ wo hã la, Yehowa Ðasefowo zãa ɣeyiɣi geɖe le nuto saɖeagawo me tsɔ kpena ɖe ame siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia ŋu.\nVa de asi na August 2014 me la, Yehowa Ðasefo miliɔn 8 kple edzivɔwoe ɖe gbeƒã. Aleke gbegbe Yehowa Ðasefowo dzi ɖe edzi tso Xexemeʋa I me?\nAme siwo ɖi tsa yi Rouen Dukɔwo Dome Adzɔnuwo Ðefiaƒe le France le ƒe 2014 me la kpɔ ɖeɖefia wɔdɔɖeamedzi aɖe si ƒe tanyae nye: \"Biblia La—Etsɔ Si Va Yi, Egbea Kple Etsɔ Si Gbɔna.\"\nLe February 1, 1943 dzi la, wodze suku tɔxɛ aɖe ƒe klas gbãtɔ gɔme le New York ƒe dziehe ɖaa. Ena hehe subɔla akpe geɖewo ale be woafia nu ame bubuwo tso Mawu ŋu.\nKpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome sia gblɔ Biblia me nyateƒe dodzidzɔname sia na amewo kwasiɖa ɖeka sɔŋ le Australia ƒe nutotroewo me la ɖa.\nYehowa Ðasefo 28 tsɔ tɔdziʋu si ƒe didime nye meta 15 zɔ mɔ to Xingu Tɔsisia dzi kple susu be yewoaɖaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea na kɔƒe mawo me tɔwo.\nƑome aɖe gblɔ ale si nya nyuia gbɔgblɔ na amewo le nuto saɖeaga me na wo dome va le kplikplikpli wu.\nYehowa Ðasefowo ɖo agbalẽwo ɖe kekeviwo dzi be ame siwo ɖi tsa va azã si woɖu le France teƒe natsɔ faa femaxee.\nYehowa Ðasefowo","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/","date":"2017-12-13T06:34:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992214441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992214441299438}","num_words":217,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Do Gbe Ða Le Afi Sia Afi: Hadzidzi Kple Hagbewo\nWɔ hadzidzi sia ƒe kɔpi eye wò kple Sofia miadzii. Srɔ̃ nu tso teƒe kple ɣeyiɣi siwo me nàte ŋu ado gbe ɖa le la ŋu.\nKpɔ Esia Hã\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃\nNusɔsrɔ̃ ƒe video sia si ƒe kɔpi woate ŋu awɔ fiaa ɖeviwo afi si kple ɣeyiɣi si woate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa le.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/activities\/do-gbe-%C9%96a-le-afi-sia-afi\/","date":"2017-12-13T11:18:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948522999.27\/warc\/CC-MAIN-20171213104259-20171213124259-00643.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992130399,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992130398750305}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.107,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 5 2017 | Ne Afɔku Aɖe Dzɔ—Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe\nNu ka tae wòle vevie be míadzra ɖo ɖe afɔku siwo ate ŋu adzɔ ŋu?\nBiblia gblɔ be: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.\"—Lododowo 27:12.\nMagazine sia ƒo nu tso nu si wòle be nàwɔ hafi afɔku aɖe nadzɔ, le afɔkua dzɔɣi kple ne wòdzɔ vɔ megbe ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu axɔ wò ŋutɔ kple ame bubuwo ɖe agbe.\nNa míade ŋugble tso mɔ etɔ̃ siwo nu míate ŋu azã elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi le nyuie la ŋu: woawoe nye le aƒe me, le ʋuɖonyawo me kple nu siwo míewɔna gbe sia gbe.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nLe blema la, Israel-viwo ƒe Mawu, Yehowa na wowɔ aʋawo. Ðe esia fia be Mawu da asi ɖe aʋa siwo wɔm wole egbea dzia?\nHELP FOR THE FAMILY\nDzi dzɔa sɔhɛ geɖe ne wowɔ nane si me afɔku le si gbɔ woƒe ŋutete ŋu ɣeaɖewoɣi. Ðe wòdzroa wò hã be nàwɔ nu alea?\nLANDS AND PEOPLES\nTsã la, Kazakhstantɔwo nye tsatsalawo eye wonɔa xɔ siwo wotsɔ avɔ tu me. Aleke wo tɔgbuiwo ƒe dekɔnuwo gadzena le ale si wonɔa agbee fifia me?\nWAS IT DESIGNED?\nƑumebɔbɔwo kple adzawo ƒe dzedzeme vovovoawo kple ale si goawo le ye kpɔa wo ta wonɔa agbe.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be womeyia aʋa o. Ðe esia na wonye afɔku na dziɖuɖuwoa? Xlẽ nu tso nu si tae míeyia aʋa o la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2017-october\/","date":"2018-01-23T16:54:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891980.75\/warc\/CC-MAIN-20180123151545-20180123171545-00005.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982715249,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982715249061584}","num_words":257,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OO! OO! Nukae nye si wɔm ameawo le azɔ? Wole gbe dom ɖa na nyivi! Nukatae wole nusia wɔm?\nEsi Mose tsi toa dzi eteƒe didi la, ameawo gblɔ be: 'Míenya nusi dzɔ ɖe Mose dzi o. Eyata mina míawɔ mawu aɖe, si akplɔ mí tso anyigba sia dzi.'\nMose nɔvi Aron gblɔ be: 'Yoo. Miɖe miaƒe togɛwo vɛ nam.' Esi woɖee la, Aron lólo wo hetsɔ wɔ sikanyivie. Eye ameawo gblɔ be: 'Esia nye míaƒe Mawu, si kplɔ mí tso Egipte!' Israel-viwo tu aglo gã aɖe hede ta agu na sikanyivi la.\nEsi Yehowa kpɔe la, edo dziku ŋutɔ. Eyata egblɔ na Mose be: 'Ðe abla nàyi. Ameawo le nu vlo wɔm. Woŋlɔ nye seawo be hele ta dem agu na sikanyivi.'\nMose ɖe abla heɖi tso to la dzi. Esi wòte ɖe wo ŋu la, nusi wòkpɔ enye si. Ameawo le ha dzim le ɣe ɖum ƒo xlã sikanyivi la! Dzi ku Mose ale gbegbe be wòtsɔ kpe gbadza eve, siwo dzi seawo le la xlã ɖi, eye wogbã kakɛkakɛe. Etsɔ sikanyivi la helóloe. Eye wòtui wòzu wɔ.\nAmeawo wɔ nu vɔ̃ɖi ŋutɔ. Eyata Mose gblɔ na ŋutsu aɖewo be woatsɔ woƒe yiwo. Mose gblɔ be: 'Miwu ame vɔ̃ɖi, siwo de ta agu na sikanyivi la.' Eyata ŋutsuawo wu ame 3,000! Ðe esia mefia be ehiã be míakpɔ nyuie ahasubɔ Yehowa ɖeɖeko, eye menye alakpamawu bubu aɖeke oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/sikanyivi-la\/","date":"2018-01-16T18:15:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886476.31\/warc\/CC-MAIN-20180116164812-20180116184812-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985585809,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985585808753967}","num_words":229,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"El Salvador ye menɔ tsi. Ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe la, danye gblɔna nam be, 'Abosam gbɔna léwò ge!' Eye meɖoa ŋu nɛ be, 'Neva!' Abosam aɖeke mele afi aɖeke gbɔna nye lé ge o, Mawu dzie nye ya mexɔ se.\"\n—ROGELIO.\nÐe nèda asi ɖe Rogelio, ŋutsuvi sue la, ƒe nyaa dzia? Susu vovovo siwo gbɔna la dometɔ kae dzie nèda asi ɖo?\nSatana meli ŋutɔŋutɔ o, vɔ̃ɖinyenye ko wòle tsitre ɖi na.\nSatana li ŋutɔŋutɔ, gake metsɔ ɖeke le amegbetɔwo ƒe nyawo me boo o.\nSatana nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si si ŋusẽ le, si le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi.\nSusu vovovo etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi delawo li, ɖewohĩ woade ame miliɔn geɖe gɔ̃ hã. Gake ɖe wòle vevie kokoko be míanya susuawo dometɔ si nye nyateƒea? Nya lae nye be, ne Satana meli ŋutɔŋutɔ o la, ke ɖe woble ame siwo xɔe se be eli. Ne Satana li gake metsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe nyawo me o la, ekema ame siwo katã le ŋu dzɔ ɖe eŋu alo vɔ̃nɛ gɔ̃ hã la le fu ɖem na wo ɖokuiwo dzodzro. Gake ne Satana nye ameblela la, ekema ŋɔdzi le eŋu wu ale si ame akpa gãtɔ susunɛ.\nNa míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo nya siawo ŋui la ɖa: Nane si le tsitre ɖi na vɔ̃ ye Satana nye loo alo gbɔgbɔmeme aɖee wònye? Ne amee Satana nye la, ɖe wòate ŋu agblẽ nu le ŋuwòa? Ne ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò la, aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò tae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141101\/%C9%96e-satana-li-nyate%C6%92ea\/","date":"2018-01-17T14:10:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00087.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970975518,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970975518226624}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TSO gbe aɖe gbe ke la, vɔsawo wɔa akpa vevi aɖe le subɔsubɔ vavãtɔ me. Tsã la, Israel-viwo tsɔa lãwo saa vɔe, eye Kristotɔwo hã tsɔa 'kafukafuvɔsawo' naa Mawu tso ɣeaɖeɣi ke. Ke hã, vɔsa bubu aɖewo gali siwo dzea Mawu ŋu ŋutɔ. (Heb. 13:15, 16) Vɔsa siawo hea dzidzɔ kple yayrawo vanɛ, abe ale si míakpɔe le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me ene.\nMawu subɔla wɔnuteƒe Hana si nɔ anyi le blema la di vevie be yeadzi ŋutsuvi, ke hã etsi ko. Eya ta, edo gbe ɖa na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ be ne ena yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe \"ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me.\" (1 Sam. 1:10, 11) Emegbe Hana fɔ fu dzi ŋutsuvi hetsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel. Esi Hana tso no na Samuel la, ekplɔe yi avɔgbadɔa me, abe ale si wòɖe adzɔgbe be yeawɔe ene. Yehowa yra Hana ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa ta. Ena wòdzi vi atɔ̃ bubu, eye Samuel hã va zu nyagblɔɖila kple Biblia ŋlɔlawo dometɔ ɖeka.—1 Sam. 2:21.\nAbe ale si wònɔ le Hana kple Samuel gome ene la, mɔnukpɔkpɔ li na Kristotɔ siwo li egbea hã be woatsɔ wo ɖokuiwo ana wo Wɔla la ahasubɔe bliboe. Yesu do ŋugbe be woaɖo nu sia nu si míetsɔ sa vɔe ɖe Yehowa subɔsubɔ ta la teƒe wòagba go.—Marko 10:28-30.\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, wonya nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Dorkas la nyuie ɖe eƒe \"dɔ nyui geɖewo\" kple ale si \"wònaa nu amewo dɔmenyotɔe\" ta—eƒe vɔsa siawo ɖe vi na ame bubuwo. Gake nublanuitɔe la, eva 'dze dɔ, eye wòku,' si wɔe be hamea me tɔwo xa nu ŋutɔ. Esi nusrɔ̃lawo se be Petro nɔ nutoa me la, woɖe kuku nɛ be wòava yewo gbɔ kaba. Bu dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi Petro va fɔ Dorkas ɖe tsitre la ŋu kpɔ ko—le Biblia me la, emae nye zi gbãtɔ si apostolo aɖe fɔ ame ɖe tsitre! (Dɔw. 9:36-41) Ɛ̃, Mawu meŋlɔ Dorkas ƒe vɔsawo be o. (Heb. 6:10) Woŋlɔ nu tso ale si wònyo dɔme na amewoe la ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa me be wòanye kpɔɖeŋu nyui na mí míasrɔ̃.\nApostolo Paulo hã nye ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo kple woƒe ɣeyiɣi na faa la ƒe kpɔɖeŋu nyui bubu. Egblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo nɔ Korinto la me be: \"Ke nye la, adzɔ dzi nam be mazã nye nuwo katã, eye woazãm bliboe, ɖe mia ta.\" (2 Kor. 12:15) Nu siwo me Paulo to na wòkpɔe be ne ame aɖe tsɔ eɖokui na hekpe ɖe ame bubuwo ŋu la, amea ŋutɔ akpɔ dzidzeme, eye vevietɔ wu la, eƒe nu adze Yehowa ŋu eye ayrae hã.—Dɔw. 20:24, 35.\nEdze ƒãa be dzi dzɔa Yehowa ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ eye míekpe ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu. Gake ɖe mɔ bubuwo gali siwo dzi míato ado alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa? Ɛ̃! Tsɔ kpe ɖe dɔ siwo lɔlɔ̃ ʋãa mí míewɔna ŋu la, míedea bubu Mawu ŋu to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo hã me. Wotsɔa nudzɔdzɔ siawo doa alɔ xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa, eye esia lɔ asikpekpe ɖe dutanyanyuigblɔlawo kple nɔvi bubu siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ŋu ɖe eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo kee wotsɔ kpɔa dɔwo abe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe kple wo tata, videowo wɔwɔ, kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo kple Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu ene gbɔ. Míate ŋu aka ɖe edzi be \"woayra ame si nyoa dɔme.\" Gawu la, ne míetsɔ míaƒe nunɔamesi veviwo na Yehowa la, ke efia be míele bubu dem eya amea ŋu.—Lod. 3:9; 22:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2017\/woayra-ame-si-nyoa-d%C9%94me\/","date":"2018-01-23T11:30:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891926.62\/warc\/CC-MAIN-20180123111826-20180123131826-00366.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996132791,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961327910423279}","num_words":583,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?\nŊkɔ le míaƒe ƒometɔwo katã si. Amewo tsɔa ŋkɔ na aƒemelãwo gɔ̃ hã! Ke ɖe mele be míakpɔ mɔ be ŋkɔ nanɔ Mawu hã si oa? Woyɔ dzesideŋkɔ geɖewo na Mawu le Biblia me, abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Aƒetɔ Dziɖulagã kple Wɔla ene, gake ŋkɔ ŋutɔŋutɔ hã le esi.—Xlẽ Yesaya 42:8.\nMawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me le Psalmo 83:18. Le Eʋegbe Biblia me la, edze le kpukpui 19 lia, afi si gblɔ be: \"Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!\"\nNu ka tae wòle be míazã Mawu ƒe ŋkɔa?\nMawu di be míazã yeƒe ŋkɔa. Míeyɔa míaƒe ame lɔlɔ̃wo kple mía xɔlɔ̃ veviwo ƒe ŋkɔwo na wo ne míele nu ƒom kpli wo, vevietɔ ne woɖe mɔ na mí be míawɔe nenema. Ke ɖe mele be wòanɔ alea ne míele nu ƒom kple Mawu hã oa? Gawu la, Yesu Kristo de dzi ƒo na mí be míazã Mawu ƒe ŋkɔa.—Xlẽ Mateo 6:9; Yohanes 17:26.\nGake be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, ebia nu geɖe wu eƒe ŋkɔa ɖeɖe ko nyanya. Le kpɔɖeŋu me, ame ka ƒomevie Mawu nye? Ðe wòanya wɔ be míate ɖe Mawu ŋua? Àte ŋu akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130101\/name-of-god\/","date":"2018-02-18T00:09:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891808539.63\/warc\/CC-MAIN-20180217224905-20180218004905-00440.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980247021,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980247020721436}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE AKPA SIA\nTA 66\nNu kae na Yesu ƒe nyaselawo susui be gbɔgbɔ vɔ̃ le eyama me?\nTA 67\nYudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ la me tɔwo katã tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, gake wo dometɔ ɖeka do dzi ƒo nu ɖe enu.\nTA 68\nYesu gblɔ be \"nyateƒe la ana ablɔɖe mi.\" Ablɔɖe tso nu ka me?\nTA 69\nYesu gblɔ ale si woade dzesi ame siwo nye Abraham ƒe viwo kple ale si woade dzesi ame si tututu Fofoa nye.\nTA 70\nNusrɔ̃lawo bia nya tso nu si tae wodzi ŋutsu aɖe ŋkuagbãtɔe la ŋu. Nu vɔ̃e wòwɔa? Ðe edzilawo wɔ nu vɔ̃a? Esi Yesu da gbe le eŋu la, mama ɖo amewo dome.\nTA 71\nŊutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la ƒe nya si me susu le la ve dɔme na Farisitɔwo. Ŋutsua dzilawo vɔ̃ be Farisitɔwo anyae le ƒuƒoƒea, eye wonyae hã vavã.\nTA 72\nLe Yudea la, Yesu dɔ ame 70 eveveve be woaɖaɖe gbeƒã tso Fiaɖuƒea ŋu. Afi kae nusrɔ̃lawo akpɔ ame siwo woaɖe gbeƒã na la le—le ƒuƒoƒewo loo, alo le amewo ƒe aƒewo me?\nTA 73\nAleke Yesu zã ŋutinya si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu tsɔ he susu yi nufiame vevi aɖe dzii?\nTA 74\nYesu yi Maria kple Marta gbɔ le woƒe aƒe me. Nu kae wòfia wo tso amedzrowɔwɔ ŋu? Eye nu kae wòfia eƒe nusrɔ̃lawo emegbe be woado gbe ɖa abia?\nTA 75\nYesu ƒo nu tso \"Mawu ƒe asibidɛ\" kple ale si Mawu Fiaɖuƒea ɖi ɖe enutsolawoe la ŋu tsɔ ɖo nya ŋu na wo. Eƒo nu tso ale si amewo awɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la hã ŋu.\nTA 76\nYesu klo nu le Farisitɔwo kple agbalẽfialawo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. Agba kpekpe kawoe woƒonɛ ɖe amewo nu be woatsɔ?\nTA 77\nYesu do lo ku ɖe kesinɔtɔ si tu nudzraɖoƒe siwo lolo wu ŋu. Nuxlɔ̃amenya kae wògbugbɔ gblɔ tso afɔku siwo le kesinɔnuwo yome titi ŋu?\nTA 78\nYesu ɖee fia be yetsɔ ɖe le yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me. Akpa kae aƒedzikpɔla aɖe awɔ be woanɔ dedie le gbɔgbɔ me? Nu ka tae nuxlɔ̃ame si nye be míanɔ dzadzraɖoɖi la le vevie nenema gbegbe?\nTA 79\nYesu gblɔ be ame siwo yele nu ƒom na la atsrɔ̃ ne wogbe dzimetɔtrɔ. Ðe woade dzesi nufiame vevi siwo le nu si fiam Yesu le wo tso wo kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu mea?\nTA 80\nƑomedodo si le alẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome la ɖe ale si Yesu sena le eɖokui me ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu la fia eme kɔ. Ðe woakpɔ eƒe nufiafiawo adze sii ahadze eyomea?\nTA 81\nAme siwo tsi tre ɖe Yesu ŋu la dometɔ aɖewo tso enu be egblɔ be yesɔ kple Mawu. Aleke wòɖee fiae be woƒe nutsotsoa mele eme o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/","date":"2018-02-22T23:25:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814292.75\/warc\/CC-MAIN-20180222220118-20180223000118-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992118478,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999211847782135}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔnɔme nyui siwo srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ɖena fiana adze le srɔ̃a ŋu godoo. Le Fia Lemuel ƒe ŋkekea me la, wodea dzesi ŋutsu si kpɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ɖe la le \"dugbo la nu\" bɔbɔe. (Lod 31:23) Egbea la, wodea bubu ŋutsu siwo subɔna abe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ene la ŋu. Ne woɖe srɔ̃ la, nu si kpena ɖe wo ŋu wotea ŋu subɔna nyuie nye ale si wo srɔ̃wo nɔa agbe nyui hekpena ɖe wo ŋu ta. (1Ti 3:4, 11) Míekpɔa ŋudzedze ɖe srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ siawo tɔgbi ŋu ŋutɔ, eye menye wo srɔ̃wo koe kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o, hame bliboa hãe.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\n\"Wonya Srɔ̃a Nyuie Le Dugbo La Nu\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov7-13\/wonya-sr%C9%94%CC%83a-nyuie-le-dugbo-nu\/","date":"2018-02-19T02:38:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812306.16\/warc\/CC-MAIN-20180219012716-20180219032716-00000.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954751134,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954751133918762}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣeaɖewoɣi la, tomenu aɖewo siwo ŋu woke ɖo la ɖoa kpe Bibliameme aɖe ƒe ŋkɔ alo e��e anyinɔnɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2011 me la, Israel agbalẽnyalagãwo ka nya ta ku ɖe nu sia tɔgbi ŋu. Enye amekukuƒuɖakavi aɖe si xɔ ƒe 2,000. Akalokpee wotsɔ wɔe, eye wodo atsyã nɛ hetsɔ ame kuku si ƒaƒã la ƒe ƒuwo de eme.\nWoŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi sia dzi be: \"Miriam si nye Yesua, ame si nye Kayafa si hã nye Maazya ƒe nunɔla eye wòtso Bet-Imri la, ƒe vinyɔnu.\" Yudatɔwo ƒe nunɔlagã si hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu la ŋkɔe nye Kayafa. (Yoh. 11:48-50) Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus yɔe be \"Yosef si woyɔna be Kayafa.\" Ðikeke mele eme o be, amekukuƒuɖakavi sia nye eƒe ƒometɔ aɖe tɔ. Esi wònye be woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi aɖe si ŋu woke ɖo kpɔ va yi, si wosusu be enye nunɔlagã la ŋutɔ, la dzi be Yehosef bar Caiapha, alo Yosef Kayafa vi * ta la, Miriam anya do ƒome kple Kayafa.\nLe Israel Blemanuwo Dzikpɔƒe la ƒe nya nu la, ɖe woxɔ Miriam ƒe amekukuƒuɖakavi la le fiafi aɖewo siwo va ha blemayɔdo aɖe me nuwo katã la si. Ŋkuléle ɖe aɖakavia kple nu si woŋlɔ ɖe edzi ŋu la ɖo kpe edzi be enye blemanu aɖe vavã.\nAmekukuƒuɖakavi sia gana míenya nu yeye aɖe. Eyɔ \"Maazya,\" ame si nye nunɔla mamlɛtɔ le nunɔlawo ƒe hatsotso 24 ƒe ɖoɖoa nu, eye wònɔ subɔsubɔm le Yerusalem la hã ŋkɔ. (1 Kron. 24:18) Israel Blemanuwo Dzikpɔƒea gblɔ be, nu si woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi la dzi ɖee fia be \"Kayafa ƒe ƒomea do ƒome kple Maazya ƒomea.\"\nWoŋlɔ ŋkɔ Bet-Imri hã ɖe nuŋɔŋlɔa me. Numeɖeɖe evee li ku ɖe nuŋɔŋlɔa ƒe akpa sia ŋu. Israel Blemanuwo Dzikpɔƒea gblɔ be: \"Numeɖeɖe gbãtɔe nye be Bet-Imri nye nunɔlawo ƒe ƒome aɖe ƒe ŋkɔ—wonye Imer vi (Ezra 2:36, 37; Neh. 7:39-42) siwo dome Maazya ƒomea ƒe dzidzimeviwo hã le. Numeɖeɖe eveliae nye [be Bet-Imri nye] du si me ame kukua alo eƒe ƒome bliboa tso.\" Aleke kee wòɖale o, Miriam ƒe amekukuƒuɖakavia ɖee fia be Biblia ƒoa nu tso ame ŋutɔŋutɔ siwo tso ƒome ŋutɔŋutɔwo me ŋu.\n^ mm. 3 Ku ɖe Kayafa ƒe amekukuƒuɖakavi ŋu la, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye \"Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu,\" si dze le Gbetakpɔxɔ, January 15, 2006, axa 10-13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130215\/kayafa-%C6%92omea\/","date":"2018-02-22T23:29:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814292.75\/warc\/CC-MAIN-20180222220118-20180223000118-00688.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998963356,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989633560180664}","num_words":369,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.32,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SUSU vovovowoe le amewo si le agbe kple ku ŋu. Ame aɖewo xɔe se be yewoayi edzi anɔ agbe le ku megbe, ɖewohĩ le nɔnɔme bubu aɖe me alo le teƒe bubu. Ame bubuwo susu be woagbugbɔ yewo adzi eye yewoaganɔ agbe. Ame bubu aɖewo hã bui be kue nye amegbetɔwo ƒe nuwuƒe.\nÐewohĩ afi si nètso alo afi si nènɔ tsi na be dzixɔse aɖe le asiwò le nya sia ŋu. Esi wònye be susu vovovowoe le amewo si le nu si dzɔna le ku megbe ŋu ta la, ɖe ame aɖe alo teƒe aɖe li si míate ŋu atrɔ ɖo akpɔ biabia sia si tɔtɔa ame la ƒe ŋuɖoɖo vavãtɔa?\nƑe alafa gbogbo aɖewoe nye esia si subɔsubɔhakplɔlawo fiaa nu be amegbetɔwo ƒe luʋɔ mekuna o. Ame siwo le subɔsubɔha gã vovovowo me—Kristotɔwo, Hindutɔwo, Yudatɔwo kple Moslemtɔwo kpakple ame bubuwo xɔe se be luʋɔ mekuna o, ke boŋ eyia edzi nɔa agbe le ku megbe le gbɔgbɔmenutowo me. Buddhatɔwo ya xɔe se be to gbugbɔgadzi siwo xexlẽme meli na o dzi la, ŋusẽ si le amea me la ate ŋu aɖo dzidzɔteƒe si woyɔna be Nirvana.\nNufiafia siawo na ame akpa gãtɔ siwo le xexea me xɔe se be ku ʋua mɔ na agbenɔnɔ le xexe bubu aɖe me. Le ame geɖe gome la, ku wɔa akpa vevi aɖe le agbe me, eye wosusu be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amewo nanɔ kukum. Gake nu kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Míeɖe kuku xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo. Ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no4-2017-july\/agbe-kple-ku-megbe-biabiawo\/","date":"2018-02-21T04:12:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813322.19\/warc\/CC-MAIN-20180221024420-20180221044420-00346.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989913106,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989913105964661}","num_words":257,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ si Yehowa Ðasefowo nana koŋue míetsɔ kpɔa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Womedzɔa ga le amewo si le míaƒe kpekpewo me o, eye womebiana tso hameviwo si be woana nu ewolia o. (Mateo 10:\nSusu si tae nudzɔdzɔawo tea ŋu dea míaƒe gazazãwo nu la dometɔ ɖekae nye be míexea fe na hakplɔla aɖeke o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, womexea fe na Ðasefowo ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ta o, eye míaƒe tadeaguƒewo hã le kpokploe.\nMíezãa nudzɔdzɔ siwo woɖona ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ doa alɔ ame siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo, míaƒe dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo, tsɔ tua míaƒe tadeaguƒeawo le dukɔ siwo me nuwo mede amewo dzi le o me, tsɔ taa Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, eye nudzɔdzɔ mawo kee míetsɔ ɖoa agbalẽwo ɖe dukɔ vovovowo me.\nAme sia ame ŋutɔe tsoa nya me ne adzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe woƒe hamea ŋu loo alo xexea me katã ƒe dɔa ƒe gazazãwo ŋu alo atsɔ kpe asi ɖe evea siaa ŋu. Hame ɖe sia ɖe ɖea gbeƒãa gakɔnta na hameviwo edziedzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/d%C9%94-nudz%C9%94dz%C9%94\/","date":"2018-03-20T10:31:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647327.52\/warc\/CC-MAIN-20180320091830-20180320111830-00631.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999291122,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992911219596863}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gilead Biblia suku ƒe klas 136 lia delawo wu suku nu le Memleɖa, March 8, 2014 dzi. Suku sia xɔ ɣleti atɔ̃ eye sukuviawo ku kutri vevie. Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖela bibiwo xɔ hehe le suku sia me be woagabi ɖe gbeƒãɖeɖe me wu eye woado ŋusẽ wo nɔvi Ðasefo bubuwo ƒe xɔse. Ame 11,548 aɖewo kpɔ gome le sukunuwuwɔnaa sia me, wo dometɔ aɖewo de wɔnaa wɔƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe hehenaƒe si le Patterson le New York eye ame bubuwo hã nɔ ekpɔm enumake to videokadodowo dzi le Canada, Jamaica, Puerto Rico kple United States (États-Unis).\n'Mina Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Sia Nanɔ Mia Me.' Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ David Splane si nye wɔnaa ƒe zimenɔla la tu eƒe ŋgɔdonyawo ɖe Filipitɔwo 2:5-7 dzi, eƒe akpa aɖe gblɔ be: \"Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me.\" Esime Yesu nɔ anyigba dzi la metsi dzi ɖe eƒe ɖoƒe ŋu o, ke boŋ ebɔbɔ eɖokui hewɔ geɖe le Mawu ƒe dɔa me.\nLe kpɔɖeŋu me, le tetekpɔ ɖe sia ɖe si Abosam tsɔ ɖo Yesu ŋkume me la, Yesu gblɔna be \"woŋlɔ ɖi be\" tsɔ tsia eƒe tetekpɔa nu. Eyɔ nya sia tso nuƒo aɖe si Mose ƒo na Israel-dukɔa la me. (Mateo 4:4, 7, 10; 5 Mose 6:13, 16; 8:3) Togbɔ be Yesu ate ŋu aƒo nu le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me abe Mawu ƒe Amesiamina ene hã la, ekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si Mose wɔ la ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Nenema kee wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ƒe agbagbadzedzewo ŋu eye míalɔ̃ faa akafu wo.\nNɔviŋutsu Splane te gbe ɖe ale si Yesu ɖe tamesusu ƒe nɔnɔme nyui fia le eƒe hehexɔxɔ le anyigba dzi ƒe nuwuwu la hã dzi. Yesu do gbe ɖa be: \"Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu. Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.\" (Yohanes 17:4, 5) Yesu mebia be woana mɔnukpɔkpɔ bubuwo ye o. Nu si ko wòbiae nye be woagaɖo ye yeƒe ɖoƒe tsãtɔ alo 'agatsɔ yeƒe dɔ xoxoa na ye' ne yetrɔ yi dziƒo. Ele be Gilead-sukudelawo hã nasrɔ̃ Yesu ahana woƒe susu nanɔ dɔ si wode wo si la ŋu ke menye ɖoƒe ŋu o. Eye ne womena mɔnukpɔkpɔ bubuwo wo ne wotrɔ yi woƒe dɔwo gbɔ o hã la, mɔnukpɔkpɔ si le wo si xoxo la adze wo ŋu.\n\"Vɔsa Si Mave Mi O.\" Dɔdzikpɔha ƒe Nufiafia Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ William Malenfant de dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Le esi Paulo ƒe susu nanɔ nu siwo wòtsɔ sa vɔe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me dzi teƒe la, egblɔ boŋ be: \"Meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam, mele ʋiʋlim ɖo ta taɖodzinu . . . la gbɔ.\"—Filipitɔwo 3:13, 14.\nNe vɔ siwo sukuviawo sana mevea wo o la, ke wole mawusubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa srɔ̃m. Nɔviŋutsu Malenfant he susu yi nya aɖe si Nɔvinyɔnu Clara Gerber Moyer, si te Yehowa subɔsubɔ tso eƒe ɖevime gblɔ la dzi. Nɔvinyɔnua ŋlɔ bena: \"Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye nam be mele Mawu subɔm ƒe 80 kple edzivɔwoe nye esia\n\"Mi Kple Mawudɔlawo Miɖe Gbeƒã Fiaɖuƒea Eye Miwɔe Abe Mawudɔlawo Ene.\" Dɔdzikpɔha me tɔ Gerrit Lösch kpe ɖe sukuviawo ŋu wode dzesi mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ eve siwo sua ame siwo ɖea gbeƒã la si. Gbã la, wowɔa dɔ abe mawudɔlawo ene ne wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenya nyuia, elabena woate ŋu aɖe Hebrigbe si wozã le Biblia me la me nya si gɔme woɖe be \"mawudɔla\" gɔme be \"dɔla.\" Evelia, sukuviawo ɖea gbeƒã nya nyui la le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te abe ale si wònɔ le Filipo gome ene.\nNɔviŋutsu Lösch gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yehowa Ðasefowo si le woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la dometɔ geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo aɖe si le Mexico si ŋkɔe nye Gabino meƒoa ʋɔtru na amewo wòwua zi eve ne ele gbeadzi o. Gake eƒo ʋɔtru aɖe ya zi ene sɔŋ. Ŋutsu aɖe do va ʋu ʋɔtrua, eye wògblɔ na Gabino be ɖeko yebe yeawu ye ɖokuie nye ema wòƒo ʋɔtrua na ye. Ŋutsua gblɔ be: \"Esi nèƒo ʋɔtrua zi enelia la, ka nɔ kɔ nam. Gake meɖe kaa le kɔ va ʋu ʋɔtrua na wò. Akpe na wò be mèna ta o. Ðe nèna taa, anye ne mede ka ve na ɖokuinye.\"\nTogbɔ be nuteƒekpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye nu dogoɖenunuwo hã la, míenyae be wo dometɔ geɖe menye nu dogoɖenunuwo o. Ke boŋ wonye kpeɖodzi be mawudɔlawo le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le xexea me godoo la.\n\"Woayra Bubume La.\" Gilead sukunufiala Michael Burnett zã Yabez, Yuda ƒe dzidzimevi, si ŋu 'bubu nɔ wu nɔviawo' ƒe kpɔɖeŋu le eƒe nuƒoa me. Yabez do gbe ɖa na Mawu be: \"Oo ne nàhayram, àkeke nye anyigba la ɖe enu, eye wò asi nanɔ kplim, eye nàkpɔ tanye tso vɔ̃ me!\"—1 Kronika 4:9, 10.\nSukuviawo ate ŋu asrɔ̃ Yabez ƒe kpɔɖeŋu nyui ma ne wodo gbe ɖa bia nu si koŋ wohiã, vevitɔe nye be woabia Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖo taɖodzinu si tae wona hehe yewo le Gilead sukua me la gbɔ. Asɔ hã be woabia Mawu be wòakpɔ yewo ta tso vɔ̃ me, menye be vɔ̃ naƒo asa na yewo keŋkeŋ o, ke boŋ be nu siwo adzɔ ɖe yewo dzi la magana yewoase veve ale gbegbe be yewoadzudzɔ esubɔsubɔ o. Mawu ɖo Yabez ƒe gbedodoɖaa ŋu, eye aɖo Gilead-sukuviawo hã tɔ ŋu.\n\"Mina Miaƒe Dzo La Nanɔ Bibim.\" Gilead sukunufiala Mark Noumair si ganye Nufiafia Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ hã ƒo nuƒo si wòtu ɖe 1 Tesalonikatɔwo 5:16-19 dzi. Abe ale si ko dzo ŋutɔŋutɔ hiãna na nake, ya kple dzoxɔxɔ hafi wòate ŋu anɔ bibim ene la, sukuviawo hã hiã nu etɔ̃ aɖewo be woatsɔ ana be dzo si le wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nayi edzi anɔ bibim.\nNu gbãtɔ, \"dzi nadzɔ mi ɖaa.\" (1 Tesalonikatɔwo 5:16) Dzi ate ŋu adzɔ sukuviawo ne wodea ŋugble tso yayra siwo dona tso Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu me la ŋu. Dzidzɔ sia ana be dzo nanɔ wo me ɖe dɔa ŋu. Nu evelia, \"minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.\" (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Gbedodoɖa le abe ya si nana be dzo léna ene. Ele be míana míaƒe gbedodoɖawo nadidi to míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Mawu me. Nu etɔ̃lia, \"mida akpe ɖe nu sia nu ta.\" (1 Tesalonikatɔwo 5:18) Dzi siwo me akpedada yɔ fũu nana mí kple Yehowa kpakple mía nɔviwo dome nɔa nyuie. Nɔviŋutsu Noumair gblɔ be: \"Miyi edzi mianɔ nɔnɔme nyoameŋu si nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ɖem fia, si to vovo na nɔnɔme maɖɔʋu si nye nyahehe ɖe ame ŋu.\"\n\"Mikpe Ðe Dziƒowo Ŋu Miakafu Yehowa.\" Sam Roberson, teokrasisuku ƒe nufiala tsɔ Biblia me nyagbɔgblɔ siwo ɖee fia be ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kafua Yehowa dze eƒe nuƒoa gɔme. (Psalmo 19:1; 89:37; 148:3) Egblɔ be mɔnukpɔkpɔ su sukuviawo hã si wokafu Yehowa eye wòna wowɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ƒe wɔwɔfiawo. Le kpɔɖeŋu me, esi sukuviawo dometɔ ɖeka tɔ ʋu si kum wònɔ ale be ŋutsu si le bunɔkeke me natso mɔa me la, ŋutsua da akpe na sukuvia eye sukuvia hã da akpe nɛ. Eya kple ŋutsua woɖo dze vie eye ŋutsua lɔ̃ be wòava srɔ̃ Biblia kpli ye. Esi Gilead-sukuvia yi ɖasrɔ̃ nu kple ŋutsua le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, ete ŋu ɖe gbeƒã na ame siwo va kpɔa ŋutsua ɖa dometɔ geɖe. Mlɔeba edze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame adre bubuwo le esi eya kple ŋutsua woɖo dze zi gbãtɔ ma ta.\n\"Mawu Ƒe Hehenana Nena Miasẽ Ŋu.\" Donald Gordon si nye Agbalẽtata Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ bia gbe srɔ̃tɔ ene aɖewo siwo nye suku sia delawo. Nɔvi siwo wòbia gbee la dometɔ ɖeka gblɔ be wote gbe ɖe Efesotɔwo 3:16-20 dzi le suku bliboa me. Esia kpe ɖe sukuviawo ŋu 'wosẽ ŋu' to wo ɖokuiwo bɔbɔ, ale si wona amewo tea ŋu tena ɖe wo ŋuti bɔbɔe kple ale si wokpɔnɛ dzea sii be dɔ geɖe gale Yehowa si na Ðasefo ɖe sia ɖe me. Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Gilead sukua ƒe nufiala de dzi ƒo na sukuviawo be womeganɔ abe tɔmelã gã aɖe si le tsi sue aɖe me le agba sue aɖe me ene si awɔe be womagate ŋu atsi o la ene o, ke boŋ be woanɔ abe tɔmelã sue aɖe si le tsi gbanaa aɖe me ene. Egblɔ be: \"Nu si mesrɔ̃ tso emee nye be ne mewɔa ɖokuinye suetɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me la, akpe ɖe ŋunye matsi le gbɔgbɔ me.\"\n\"Ðo Ŋku Dzinye, Hena Nye Nyui.\" Dɔdzikpɔhaa me tɔ Mark Sanderson ye ƒo wɔnaa ƒe nuƒo vevitɔ, eye wòtu eƒe tanya ɖe gbe si Nehemiya do ɖa be \"Oo nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, hena nye nyui\" la dzi. (Nehemiya 5:19; 13:31) Menye ɖe Nehemiya nɔ vɔvɔ̃m be Yehowa aŋlɔ ye ŋutɔ alo dɔ siwo yewɔ nɛ la be o. Ke boŋ ɖe wònɔ Mawu biam be wòaɖo ŋku ye dzi lɔlɔ̃tɔe ahayra ye.\nNenema kee sukuviawo hã ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo ŋku yewo dzi hena nyui ne wowɔ ɖe nu vevi siwo wosrɔ̃ le Gilead sukua me dzi. Le kpɔɖeŋu me, ele be woana ale si wolɔ̃ Yehowa kple dzi blibo nanye susu vevitɔ si tae subɔnɛ ɖo. (Marko 12:30) Abraham lɔ̃ Yehowa kple eƒe dzi blibo eye Mawu ɖo ŋku edzi lɔlɔ̃tɔe. Esi Abraham ku ƒe akpe geɖewo megbe gɔ̃ hã la, Mawu yɔe be \"xɔ̃nye.\"—Yesaya 41:8.\nNɔviŋutsu Sanderson xlɔ̃ nu sukuviawo be woalɔ̃ wo haviwo, vevietɔ woƒe haxɔsetɔwo. (Marko 12:31) Ele be woatso akpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu abe ale si Samariatɔ havilɔ̃la si wɔ \"eɖokui havi na ame si dze adzodalawo si me\" wɔe ene. (Luka 10:36) Egblɔ Nɔviŋutsu Nicholas Kovalak si de Gilead sukua kpɔ eye wònye nutome gã dzikpɔla ƒe nuteƒekpɔkpɔ tsɔ te gbe ɖe nya sia dzi. Wonya Nɔviŋutsu Kovalak nyuie be edoa vivi ɖe ame ŋu helɔ̃a amewo. Exlɔ̃ nu nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a kpɔ be woado vevie nu le subɔsubɔdɔa me kple nya siawo be, \"Mitso ɖe dɔ ŋu le ŋkekea me kaba, le kwasiɖa me kaba, le ɣletia me kaba, le ƒea me kaba.\" Esi wòlé ŋku ɖe nɔvinyɔnua ŋu ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, egblɔ na nɔvinyɔnua be: \"Migatsi dzi ɖe aɖaŋu ma si meɖo na mi va yi la ŋu o. Èle dɔ geɖe wɔm xoxo. Gbɔ dzi ɖi ɖe dɔa ŋu ale be nàwɔe eteƒe nadidi.\" Aɖaŋu sia si wòɖo na nɔvinyɔnua dɔmenyotɔe la kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu wòyi edzi wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe.\nMlɔeba la, Nɔviŋutsu Sanderson de dzi ƒo na sukuviawo be woadze agbagba aɖo taɖodzinu si le hehe si woxɔa ŋu la gbɔ to nufiafia kple hehenana amewo me. (2 Timoteo 2:2) Ne wowɔ dɔ si wode wo si la, woate ŋu ado ŋusẽ nɔviawo ahana woali ke, eye esia ana be Yehowa naɖo ŋku wo dzi hena nyui.\nNyataƒoƒo. Esi sukuviawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo vɔ la, wo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta si klas la ŋlɔ tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae. Sukuviawo dometɔ wuiatɔ̃ dzi hadzidzi 123 si ƒe tanyae nye, \"Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo\" tso Midzi Ha Na Yehowa ƒe hadzigbalẽa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/klas-136-lia-%C6%92e-sukunuwuw%C9%94nawo\/","date":"2018-03-25T00:48:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257651465.90\/warc\/CC-MAIN-20180324225928-20180325005928-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974312782,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974312782287598}","num_words":1851,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mido . . . dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu.\"\nNe èɖe srɔ̃ ko la, wò kple srɔ̃wò miezu ƒome yeye. Togbɔ be ele be nàyi edzi alɔ̃ dziwòlawo ahabu wo hã la, srɔ̃wòe nye ame vevitɔ kekeake na wò le anyigba dzi. Esia gɔme sese asesẽ na wò ƒometɔ aɖewo ya. Gake Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ ale be nànɔ ŋutifafa me kple wò ƒometɔwo kple srɔ̃wò ƒe ƒometɔwo esi nèle agbagba dzem be yeana yeƒe ƒome yeyea nali ke.\n1 SUSU NYUI NENƆ ASIWÒ ÐE MIAƑE ƑOMETƆWO ŊU\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Bu fofowò kple dawò.\" (Efesotɔwo 6:2) Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, ele be nàbu dziwòlawo ɣesiaɣi. Ðo ŋku edzi be ame aɖe ƒe vie srɔ̃wòa hã nye, eya ta ele be wòatsɔ ɖe le eme na edzilawo. \"Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o,\" eya ta mègatsi dzodzodzoe ne ehiã be srɔ̃wò nakpɔ vovo ɖe edzilawo ŋu o.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ:\nMègagblɔ na srɔ̃wò be, \"Wò ƒometɔwo mebuam ɖe ɖeke me o,\" alo \"Nye nu medzea edzi na nɔwò gbeɖe o\"\nDze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo srɔ̃wòa teƒe\n2 TƆ AFƆ TO SESĨE NE EHIÃ\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.\" (1 Mose 2:24) Togbɔ be èɖe srɔ̃ hã la, dziwòlawo agate ŋu asusui kokoko be èkpɔtɔ le yewoƒe kpɔkplɔ te, eye woadi be yewoanɔ nu dem miaƒe ƒomea ƒe nyawo me wu ale si dze.\nEhiã be wò kple srɔ̃wò miatso nya me le miaƒe nya siwo me woate ŋu ade nui kple esiwo me womekpɔ mɔ ade nui o la ŋu, eye miɖe eme na wo tufafatɔe. Miate ŋu agblɔe eme nakɔ na wo le bubumɔ nu. (Lododowo 15:1) Ðokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ate ŋu akpe ɖe mia ŋu mi kple miaƒe ƒometɔwo dome nanɔ nyuie eye \"miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.\"\nNU SI MIATE ŊU AWƆ:\nNe ewɔ na wò be miaƒe ƒometɔwo le nu dem miaƒe nyawo me akpa la, wò kple srɔ̃wò miɖo dze tso eŋu ne nyaa nu fa\nMi ame evea mitso nya me le ale si miakpɔ nya mawo gbɔe la ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/%C5%8Butifafa-mia%C6%92e-%C6%92omet%C9%94wo\/","date":"2018-03-25T00:48:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257651465.90\/warc\/CC-MAIN-20180324225928-20180325005928-00082.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981700778,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981700778007507}","num_words":356,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame geɖe megadea sɔleme egbea o le esi womekpɔa ŋuɖoɖo na agbe me nyabiase veviwo loo alo kpɔa akɔfaname aɖeke o ta. Ke nu ka tae wòle be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ya? Vi kae Kristotɔ siawo ƒe kpekpewo dede aɖe na wò?\nÀkpɔ dzidzɔ be yele ame siwo lɔ̃a ame hetsɔa ɖe le eme na ame la dome. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo kpena dea ta agu na Mawu le hame vovovowo me, eye wosrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo hedea dzi ƒo na wo nɔewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Esi lɔlɔ̃ le wo dome ta la, wosena le wo ɖokuiwo me be yewole xɔlɔ̃ vavã siwo nye yewo nɔvi Kristotɔwo dome. (2 Tesalonikatɔwo 1:3; 3 Yohanes 14) Míawo hã míezɔna ɖe ɖoɖo sia ke nu eye dzi dzɔa mí abe woawo ke ene.\nÀkpɔ viɖe tso Biblia ƒe mɔfiamewo sɔsrɔ̃ kple wo dzi wɔwɔ me. Abe ale si wònɔ le Biblia ŋlɔɣi ene la, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa kpea ta ɖekae. Nufiala bibiwo zãa Biblia tsɔ fiaa ale si míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbe mee la mí. (5 Mose 31:12; Nexemiya 8:8) Ame sia ame ate ŋu akpɔ gome le nyaŋuɖoɖo kple hadzidzi me, eye míewɔa esia tsɔ ʋua míaƒe xɔse me.—Hebritɔwo 10:23.\nWò Mawu dzi xɔxɔ se me agasẽ ɖe edzi. Apostolo Paulo gblɔ na hame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dometɔ ɖeka be: 'Ele dzroyem vevie be makpɔ mi, be míade dzi ƒo na mía nɔewo; ame sia ame ƒe xɔse nado ŋusẽ nɔvia tɔ, mia tɔ kple tɔnye siaa.' (Romatɔwo 1:11, 12) Hadede kple mía nɔvi xɔsetɔwo edziedzi le kpekpeawo me doa ŋusẽ míaƒe xɔse be míayi edzi anɔ agbe nɔm ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu.\nNu ka tae màva míaƒe kpekpeawoenumake be wò ŋutɔ nàva kpɔ nu siawo teƒe o? Míaxɔ wò alɔ evee. Womexɔa ga aɖeke ɖe kpekpeawo vava ta o.\nAme kawo ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃mee míele le ale si míewɔa míaƒe kpekpewoe me?\nVi kawoe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede aɖe na mí?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/yehowa-%C9%96asefowo-kristot%C9%94-kpekpewo\/","date":"2018-03-20T07:59:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647322.47\/warc\/CC-MAIN-20180320072255-20180320092255-00608.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987466931,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987466931343079}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mose gblɔ na Farao be yemagava egbɔ azɔ o. Gake hafi wòadzo la egblɔ na Farao be: 'Le zã titina la, ŋgɔgbevi siwo katã le Egipte, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi dzi va se ɖe kluviwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi la aku.'\nYehowa gblɔ na Israel-viwo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe. Egblɔ na wo be: 'Miwu alẽ alo gbɔ̃ si xɔ ƒe ɖeka eye miatsɔ ʋua ƒe ɖe asisi ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Mimè lã la, eye miatsɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo aɖui. Midzra ɖo, miado miaƒe afɔkpawo hena dzodzo. Mana ablɔɖe mi le zã sia me.' Bu ale si gbegbe dzi adzɔ Israel-viwoe ŋu kpɔ!\nLe zã titina la, Yehowa ƒe dɔla yi Egiptetɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe me. Ŋgɔgbevi siwo katã le aƒe siwo me womesisi ʋu ɖe ʋɔtrutiawo ŋu le o la ku. Gake mawudɔlaa to aƒe siwo katã ƒe ʋɔtrutiwo ŋu wosisi ʋu ɖo la ŋu. Egiptetɔwo ƒe ƒome ɖe sia ɖe, gatɔwo kple ame dahewo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo ku. Gake Israel-vi aɖeke ƒe vi meku o.\nFarao ŋutɔ gɔ̃ hã ƒe vi ku. Eva glo Farao azɔ. Enumake egblɔ na Mose kple Aron be: 'Miwɔ kaba, miaʋu adzo. Miyi ɖasubɔ miaƒe Mawu la. Mikplɔ miaƒe lãwo miadzo!'\nDzinu sɔ tegblee esime Israel-viwo ʋu dzo le Egipte le woƒe ƒomewo kple woƒe towo nu. Israel ŋutsu siwo dzo la nɔ 600,000 hekpe ɖe nyɔnu kple ɖevi gbogbo aɖewo ŋu. Azɔ hã ame bubu geɖe yi kpli wo be yewo hã yewoate ŋu asubɔ Yehowa. Woɖe asi le Israel-viwo ŋu azɔ!\nEle be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ ma ƒe sia ƒe atsɔ aɖo ŋku ale si Yehowa ɖe woe la dzi. Woyɔnɛ be Ŋutitoto la.\n\"Susu sia tae meɖe mɔ nèkpɔtɔ li ɖo: be maɖe nye ŋusẽ afia le ŋuwò, ale be woaɖe gbeƒã nye ��kɔ le anyigba blibo la dzi.\"—Romatɔwo 9:17","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/fuw%C9%94ame-10-egipte\/","date":"2018-03-19T22:25:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00079.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991703033,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991703033447266}","num_words":300,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atam kae Fia Zedekiya ka si dzi mewɔ ɖo o?\nNu kawoe dzɔ ɖe edzi le esi mewɔ ɖe atam si wòka la dzi o?\nŊugbe kawoe medo, eye nu kawo dzie melɔ̃ ɖo?\nNu kawoe ate ŋu adzɔ ɖe dzinye ne nyemewɔ ɖe ŋugbe siwo medo kple nu siwo dzi melɔ̃ ɖo la dzi o?\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nÐe Nèwɔa Wò Ŋugbedodowo Dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july10-16\/%C9%96e-n%C3%A8w%C9%94a-w%C3%B2-%C5%8Bugbedodowo-dzia\/","date":"2018-03-23T22:55:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257649095.35\/warc\/CC-MAIN-20180323220107-20180324000107-00115.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993755221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993755221366882}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Timoteo nye ɖekakpuivi aɖe si wònyea dzidzɔ na be yeakpe ɖe amewo ŋu. Ezɔ mɔ yi teƒe geɖewo va kpe ɖe amewo ŋu. Esia na be wòkpɔa dzidzɔ. Àdi be yease nu geɖe tso eŋua?—\nTimoteo mama kple dadaa fia nui tso Yehowa ŋu\nDu si woyɔna be Listra mee Timoteo nɔ tsi. Esi wònye ɖevi sue la, mamaa Loide kple dadaa Eunike fiaa nui tso Yehowa ŋu. Esi Timoteo nɔ tsitsim la, edi be yeakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.\nEsime Timoteo nye ɖekakpuivi la, Paulo biae be alɔ̃ akplɔ ye ɖo yewoayi ava ɖe gbeƒã le teƒe bubuwo mahã. Timoteo ɖo eŋu be: 'Ɛ̃!' Timoteo di vevie be yeayi ava kpe ɖe amewo ŋu.\nTimoteo kplɔ Paulo ɖo yi Tesalonika si nye Makedonia-du aɖe me. Wozɔ mɔ didi aɖe va ɖo tɔdziʋu hafi te ŋu va ɖo Tesalonika. Esi wova ɖo dua me la, wokpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wova nya nu tso Yehowa ŋu. Gake ame aɖewo ya do dziku ɖe wo ŋu eye wodi be yewoawɔ nu vevi wo. Eya ta Paulo kple Timoteo dzo le du ma me yi du bubuwo me, eye woɖe gbeƒã le du mawo me.\nLe ɣleti aɖewo megbe la, Paulo dɔ Timoteo be wòatrɔ ayi Tesalonika ne wòakpɔ ɖa be nɔviawo li nyuie hã. Ehiã be dzi nanɔ Timoteo ƒo ŋutɔ hafi wòate ŋu atrɔ yi du ma me, elabe dua me tɔ aɖewo di be yewoawɔ nu vevi wo tsã. Gake Timoteo trɔ yi elabena edi vevie be yeakpɔ nɔvi siwo le du ma me. Etrɔ gbɔ va Paulo gbɔ kple dzidzɔnya aɖe. Eyae nye be nɔvi siwo le Tesalonika la li nyuie.\nTimoteo wɔ dɔ kple Paulo ƒe gbogbo aɖewo. Paulo ŋlɔ nu tso Timoteo ŋu kpɔ be eyae nye ame nyuitɔ si yeate ŋu adɔ be wòakpe ɖe hamewo ŋu. Timoteo lɔ̃ Yehowa kple amewo.\nÐe nèlɔ̃ amewo eye nèdina be yeakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋua?— Ne nenemae la, ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me abe ale si wònɔ na Timoteo ene!\nXLẼE LE WÒ BIBLIA ME","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/timoteo-kpe-%C9%96e-amewo-%C5%8Bu\/","date":"2018-03-22T06:22:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647777.59\/warc\/CC-MAIN-20180322053608-20180322073608-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964300394,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964300394058228}","num_words":350,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 4, 2014\nRUSSIA\nWokpɔtɔ le nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefo 16 ŋu le Taganrog le Russia be wonye nu vlo wɔlawo la drɔ̃m va ɖo July 2014 si nye ɣleti 14 lia me. Le nyaa drɔ̃ɣi la, wodzro nu 60 kple edzivɔ siwo wobe wonye kpeɖodziwo me. Kpeɖodzi siawo ƒe akpa gãtɔ nye subɔsubɔwɔnawo, gbedodoɖawo kple Biblia-xexlẽ siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi. Subɔsubɔwɔna siawo ke ko Yehowa Ðasefowo wɔna le xexea me godoo.\nYehowa Ðasefo siwo nu wotso kple wo nɔvi 800 bubu siwo le Taganrog ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le afɔku me. Ðasefo 16 ɖi ɖase be yewomagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ o eye yewoayi edzi anye Yehowa Ðasefowo eɖanye aleke kee ʋɔnudrɔ̃nyawo va yi o.\nAme siwo nu wotso kple ale si senyala siwo ʋli wo ta dze agbagba be yewoakpɔ woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe xɔasia ta ale be woate ŋu ayi woƒe subɔsubɔa dzi togbɔ be wotso wo nu be wonye nu vlo wɔlawo hã la dze le video sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/taganrog-%CA%8B%C9%94nud%C9%94dr%C9%94%CC%83-video\/","date":"2018-04-25T19:16:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00224.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979771972,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979771971702576}","num_words":159,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Ame Siwo Gbea Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Le Dzitsinya Ta Le Turkey Dzi\nƲɔnu etɔ̃lia si Europa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe drɔ̃ Turkey dziɖuɖua te gbe ɖe edzi be Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise kpɔ ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta, eye be dukɔ siwo katã le Europa Aɖaŋudeha la me nalɔ̃ ada asi ɖe dzitsinya ƒe ablɔɖe dzi.\nNu ka tae dziɖuɖua gbe be yemada asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta si nye gomenɔamesi vevi aɖe la dzi o?\nXlẽ nu tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyametsotso ɖedzesi aɖe tso Turkey dukɔmevi siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/turkey\/","date":"2018-04-24T23:29:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996694326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996694326400757}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.105,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.191,"stopwords_ratio":0.313,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le August 2013 me la, Yehowa Ðasefo siwo le Philippines ɖo taɖodzinu vevi aɖe gbɔ esime wowu Fiaɖuƒe Akpata 1,000 lia tutu nu le du sia me. Abe ale si wòle le dukɔ geɖewo me ene la, ga alo xɔtutu ƒe nuteƒekpɔkpɔ si hiã mele hame siwo le Philippines la dometɔ akpa gãtɔ me tɔwo si be woawo ŋutɔwo natu Fiaɖuƒe Akpata na wo ɖokuiwo o. Ƒe geɖewoe nye esia, wo dometɔ aɖewo kpena le wo nɔviwo ƒe aƒewo me, eye bubuwo hã kpena le pamproxɔ suewo me.\nAle si Yehowa Ðasefowo yi edzi nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le Philippines kple dukɔ bubuwo me wɔe be wova hiã Fiaɖuƒe Akpata geɖe wu. Eya ta Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha wɔ ɖoɖo aɖe le ƒe 1999 me be woanɔ Fiaɖuƒe Akpatawo tum na wo nɔvi siwo le dukɔ siwo dzi ganyawo mede o la me. Le ɖoɖo sia nu la, Yehowa Ðasefo siwo woatu Akpata siawo na ŋutɔ dzɔa ga siwo woate ŋui eye wotsɔa ga siwo wo nɔvi siwo le dukɔ bubuwo me dzɔ la kpena ɖe eŋu hetua tadeaguƒe siawo na wo. Woma xɔtudɔwɔla siwo wona hehee la ɖe ƒuƒoƒowo me eye wokpena ɖe hameawo me tɔwo ŋu wotua woawo ŋutɔwo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo. Le November 2001 me la, wodze ɖoɖo sia si wowɔ na Ðasefowo le dukɔ vovovowo me la gɔme le Philippines.\nIluminado nye Marilao hame si le Bulacan, afi si wotu Fiaɖuƒe Akpata 1,000 lia le la me tɔ. Egblɔ be: \"Mekpɔ Kristotɔwo ƒe nɔvilɔlɔ̃ vavã teƒe. Ame gbogbo aɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Míewɔ dɔ ɖekae le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Togbɔ be ɖeɖi te mía ŋu le ŋkekea ƒe nuwuwu hã la, dzidzɔ gã aɖee wònye na mí esi míekpɔ dɔ si gbegbe míewɔ.\"\nAle si wotsɔ wo ɖokuiwo na faa wɔ dɔ sia la wɔ dɔ ɖe ame siwo menye Yehowa Ðasefowo hã dzi. Ŋutsu aɖe si ƒe ʋuwo lɔa ƒutake kple kpekuiwo na mí la gblɔ be: \"Miawo ya ɖeko miele abe ɖeɖiwo ene\nLɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo wu dɔa nu le kwasiɖa ade pɛ ko me. Fiaɖuƒe Akpata tutu kaba alea wɔe be hamea me tɔwo gate ŋu trɔ ɖe dɔ vevitɔ si nye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la ŋu bliboe.\nEllen, si nye hame ma me tɔ bubu gblɔ be: \"Míaƒe Fiaɖuƒe Akpata tsãtɔa medea mía nu o, ame geɖe tsia gota. Gake Fiaɖuƒe Akpata yeyea nya kpɔ ŋutɔ, eye míenɔa anyi le dziɖeɖi me si wɔe be mɔfiame kple dzideƒonamenya siwo míesena le míaƒe kpekpeawo me la ɖea vi na mí katã.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/fia%C9%96u%C6%92e-akpata-1000-le-philippines\/","date":"2018-04-19T13:40:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125936969.10\/warc\/CC-MAIN-20180419130550-20180419150550-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986433387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986433386802673}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nViwò ƒewuivi be wò nya me sẽ akpa. Gake wò ya mèkpɔe nenema o. Ègblɔ na ɖokuiwò be, 'Ne nye asi mesẽ ɖe ɖevi sia dzi o la, ava gblẽ!'\nKa ɖe edzi be àte ŋu awɔ se siwo sɔ na viwò ƒewuivi. Gake gbã la, ele be nàse nu si tae viwòa daa wò sewo dzi ɖo la gɔme.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nNyakpakpa: Ðeviwo daa sewo dzi godoo ne wote liɔliɔ; ƒewuiviwo ƒe nɔnɔmee.\nNyateƒea: Ƒewuiviwo metsia tre ɖe se siwo sɔ na woƒe ƒexɔxɔ ŋu o nenye be dzilawo na wose nu si tae wode sea ɖo la gɔme.\nTogbɔ be nu vovovowoe nana ƒewuiviwo dzea aglã hã la, kuxia ƒe ɖe ate ŋu atso dzilawo gbɔ nenye be woƒe sewo le kpaɖii alo womegasɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ nu o. Na míade ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ:\n- Ne seawo le kpaɖii. Ne dzilawo de se eye womeɖe nu me na wo viwo be woakpɔ viɖe si le edziwɔwɔ me o la, ekema woanɔ seawo kpɔm abe mɔxenu ene ke menye abe ametakpɔnu ene o. Ana woava nɔ nu siwo tututu gbem wole na wo la wɔm le bebeme.\n- Ne seawo megasɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ nu o. Àte ŋu agblɔ na ɖevi sue be, \"Mebe mègawɔe o,\" eye ema ɖeɖe sɔ gbɔ nɛ, gake le ƒewuiviwo gome la, ele be nàɖe susu si tae nède sea ɖo me nɛ. Madidi o, viwò ƒewuivia ava nɔ eɖokui si ahanɔ nyametsotso veviwo wɔm. Eya ta anyo be wòanya nu si ta nède se aɖe ale be wòasrɔ̃ nyametsotso nyuiwo wɔwɔ esime wòkpɔtɔ le wò dzikpɔkpɔ te.\nKe nu kae nàte ŋu awɔ ne edze abe viwòa tsia tre ɖe wò se ɖe sia ɖe ŋu ene?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nGbã la, nyae be ƒewuiviwo hiã sewo, eye woawo ŋutɔwo hã nyae nenema. Eya ta de se siwo sɔ, eye nàɖe wo me nɛ wòase egɔme. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Ne wode se siwo me kɔ na ƒewuiviwo eye wokpɔa wo dzilawo sinu be woafia mɔ yewo la, ƒãa hafi woasẽ to.\" (Letting Go With Love and Confidence) Gake ne dzilawo na ablɔɖe wo viwo akpa la, esia ana wòadze abe ɖe wometsɔ ɖeke le wo viwo me o ene. Esia boŋue ana ɖeviawo nagblẽ.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:15.\nKe aleke nàwɔ ada asɔ? Ðe mɔ na viwò ƒewuivi wòagblɔ eƒe susu le ɖoɖo siwo nèwɔ na ƒomea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ebia be nàwɔ asitɔtrɔ aɖe le game si wòle be yeagbɔ va aƒe me ŋu la, ɖo to nàse eƒe nyawo. Anɔ bɔbɔe na ƒewuivi si nya be woɖoa to ye la be wòade bubu se siwo nède la ŋu eye wòawɔ ɖe wo dzi—ne mevivi enu o hã.—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 1:19.\nHafi nàtso nya me le nane ŋu la, nyae be: Ƒewuiviwo dina be woana ablɔɖe geɖe yewo, evɔ dzilawo ya susunɛ be ablɔɖe vi aɖe ko wòle be yewoana wo. Eya ta bu nu si dim viwòa le la ŋu nyuie. Ðe wòɖee fia be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa? Ðe nɔnɔmea bia be nàtrɔ asi le se aɖewo ŋua? Lɔ̃ nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Mose 19:17-22.\nMenye toɖoɖo viwòa koe hiã o, ke boŋ gblɔ nu siwo ŋu wò hã nètsi dzi ɖo la nɛ. Esia ana wòasrɔ̃ ale si wòabu ame bubuwo hã ƒe seselelãmewo ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 10:24.\nMlɔeba, wɔ nyametsotso si sɔ eye nàɖe nu si tae nèwɔe me nɛ. Ne nyametsotsoa medzɔ dzi nɛ o hã la, anɔ eme be akpɔ dzidzɔ ɖe mi edzilawo ŋu le esi mielɔ̃na ɖoa toe ta. Ðo ŋku edzi be ɖe nèle nu fiam viwò ƒewuivi be wòava ɖɔ ʋu ne eva tsi. Eya ta ne èwɔ se siwo asɔ na viwò ƒewuivi eye nèdzro wo me kplii la, ekema èle kpekpem ɖe eŋu be wòatsi ava zu ame tsitsi ɖɔʋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 22:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201303\/sedede-na-viw%C3%B2-%C6%92ewuivi\/","date":"2018-04-25T19:17:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00638.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989295006,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998929500579834}","num_words":648,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YOSEF di be yeanya be ye nɔviŋutsu 10 la ganye ame vlowo kple ŋutasẽlawo hã. Eyata egblɔ bena: 'Ŋkutsalawo mienye. Ðe mieva be miakpɔ alesi miawɔ axɔ míaƒe dukɔ la.'\nWogblɔ be: 'Gbeɖe, míenye ŋkutsalawo o. Anukwaretɔwo míenye. Nɔviwo mí katã míenye. Míenye ame 12. Gake mía nɔviŋutsu ɖeka meli o, eye ɖevitɔ la tsi aƒe le mía fofo gbɔ.'\nYosef bua wɔ abe ɖe mexɔ wo dzi se o ene. Ezi nɔvia, si ŋkɔe nye Simeon la dzi ɖe gaxɔ me, eye wòna mɔ mamlɛawo be woatsɔ nuɖuɖu ayi aƒe. Gake egblɔ na wo bena: 'Ne mietrɔ gbɔna la, miakplɔ mia nɔviŋutsu ɖevitɔ la ɖe asi vɛ.'\nEsi wotrɔ yi aƒe le Kanaan la, nɔviaŋutsuawo gblɔ nusiwo katã dzɔ la na wo fofo Yakob. Yakob fa konyi ŋutɔ. Efa avi gblɔ be: 'Yosef megali o, eye fifia Simeon hã megali o. Nyemaɖe mɔ be miakplɔ vinye suetɔ Benyamin hã ayii o.' Gake esi woƒe nuɖuɖua te vɔvɔ la, Yakob na wokplɔ Benyamin ɖe asi yi Egipte be woate ŋu agakpɔ nuɖuɖu.\nAzɔ Yosef kpɔ nɔviaŋutsuawo gbɔna. Dzi dzɔe ŋutɔ be wòkpɔ eyometɔ Benyamin. Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖeke menya be Yosef ye nye ame ŋkuta vevi sia o. Yosef wɔ nane azɔ be wòado fofovia 10 la akpɔ.\nEna eƒe dɔlawo de nuɖuɖu woƒe kotokuawo me taŋ, eye wòna wotsɔ eƒe klosalokplu vevitɔ hã de Benyamin ƒe kotoku me; gake megblɔe na wo o. Esi wo katã wodzo yi ŋgɔ ʋɛ le mɔa dzi la, Yosef dɔ eƒe dɔlawo ɖe wo yome. Esi woxe wo la, dɔlawo gblɔ na wo bena: 'Nukatae miefi míaƒe aƒetɔ ƒe klosalokplu la?'\nNɔviaŋutsuawo katã gblɔ be: 'Miefi eƒe kplu o. Ne miekpɔ kplua le mía dometɔ aɖe gbɔ la, mina woawu ame ma.'\nAle dɔlawo tsa le kotokuawo katã me, eye wokpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me abe alesi nèkpɔe le afisia ene. Dɔlawo gblɔ bena: 'Mi ame mamlɛawo miate ŋu adzo ayi, ke Benyamin ya la, míakplɔe adzoe.' Nukae fofovia 10 la awɔ azɔ?\nWo katã wotrɔ kple Benyamin yi ɖe Yosef ƒeme. Yosef gblɔ na nɔviawo bena: 'Mi katã miate ŋu atrɔ ayi aƒe, gake edze be Benyamin ya natsi afisia anye kluvi nam.'\nYuda ƒo nu azɔ hegblɔ be: 'Ne metrɔ yi aƒe ɖevia mele eme o la, fofonye aku, elabena elɔ̃nɛ vevie ŋutɔ. Eyata taflatse, xɔm da ɖe afisia manye wò kluvi, ke na ɖevia ya nayi aƒe.'\nYosef kpɔe be ye nɔviawo trɔ; womeganye ame vlowo kple ŋutasẽlawo o. Na míakpɔ nusi Yosef wɔ azɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/yosef-do-n%C9%94viawo-kp%C9%94\/","date":"2018-04-21T01:01:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00488.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999266088,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992660880088806}","num_words":417,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! June 2015 | Àdi Be Yeanɔ Lãmesẽ Mea?—Nu Atɔ̃ Siwo Nàte Ŋu Awɔ Egbea\nNanewo li nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe dɔlélewo dzi akpɔtɔ alo aƒo asa na wo keŋkeŋ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu atɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ egbea be nànɔ lãmesẽ me wu.\nHELP FOR THE FAMILY\nKɔsɔkɔsɔ si wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu ado le srɔ̃ɖeɖea me o ye kukuɖeameŋu nyea alo seke aɖe si ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te sesĩe ye wònyea?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nLe ƒe 1992 me la, Papa John Paul II gblɔ nya dovoɖiname aɖe ku ɖe ale si Katolikohaa wɔ nu ɖe Galileo ŋu la ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe ahasiwɔwɔ fia srɔ̃ɖeɖe ƒe nuwuwu kokokoa?\nEwɔa dɔ vevi aɖe si le etɔxɛe na adzakpowo.\nWATCHING THE WORLD\nNya siwo gblɔm wole le nyadzɔdzɔwo me le ŋkeke siawo me na amewo le biabiam be, \"Nu ka tae amegbetɔwo mete ŋu le mɔ xem ɖe nutoa me ƒe gbegblẽ nu o?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-22","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201506\/","date":"2018-05-25T19:43:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-22\/segments\/1526794867173.31\/warc\/CC-MAIN-20180525180646-20180525200646-00259.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989236593,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998923659324646}","num_words":164,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Èse nya siawo kpɔa?\nMawunyakpukpui: Yh 3:16\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Yesu ƒe fukpekpe kple eƒe ku ate ŋu aɖe vi na wòe ŋu.\nGBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)\nNyabiase: Kpɔ nyabiase sia kple ale si ame aɖewo ɖo eŋui ɖa. [Xlẽ nyabiase gbãtɔ kple ŋuɖoɖo vovovoawo.] Aleke nàɖo eŋui?\nMawunyakpukpui: Mt 4:1-4\nNya Si Nàgblɔ: Esi wònye be Abosam ƒo nu kple Yesu hetee kpɔ ta la, efia be ame ŋutɔŋutɔe Abosam nye ke menye vɔ̃ɖinyenye ƒe didi dzro aɖe ko o. Nya kae Biblia gagblɔ tso Abosam ŋu? Nyati sia gblɔ nya geɖe tso eŋu.\nŊKUÐODZIA ƑE AMEKPEGBALẼVI\nNya Si Nàgblɔ: \"Míele amewo kpem hena wɔna vevi aɖe. [Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka na aƒemenɔlaa.] Le March 23 lia dzi la, ame miliɔn geɖe akpe ta le xexea me godoo ahaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi, eye woase Biblia me nuƒo aɖe femaxee si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me. Àkpɔ teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi. Míeɖe kuku dze agbagba nàva.\".\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2018-08-16T23:01:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221211185.57\/warc\/CC-MAIN-20180816211126-20180816231126-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993242025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993242025375366}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NUWƆWƆWO ATE ŊU AFIA MÍ\nNe wodzi ɖevi aɖe la, miniti 60 gbãtɔ nyea ɣeyiɣi vevi aɖe si vidzĩa kple dadaa atsɔ atrɔ ɖe nuwo ŋu. Nu ka tae? Elabena ne wodzi ɖevi aɖe la, le ɣeyiɣi vevi sia me la, ele be nɔa naxɔ vidzĩa, esia kpena ɖe vidzĩa ŋu be wòate ŋu atsi nyuie. *\nNu kae ʋãa vidada wòléa be na vidzĩa? Nufialagã Jeannette Crenshaw gblɔ le agbalẽ aɖe (The Journal of Perinatal Education) me be lãmetsi si nye oxytocin dzina ɖe edzi ne \"vidadaa ka asi vidzĩa ŋu, ne ele ekpɔm eye wòle no namee; eye esia nana wòlɔ̃nɛ geɖe wu.\" Lãmetsi bubu aɖe hã si wɔa dɔ le ɣeyiɣi sia me la \"kpena ɖe vidadaa ŋu eƒe susu nɔa vidzĩa ŋu\" eye esia wɔnɛ be kadodo si le vidadaa kple vidzĩa dome gasẽna ɖe edzi. Nu ka tae esia ɖe dzesi?\nMía Wɔla lɔ̃ame Yehowa Mawue wɔe be kadodo kplikplikpli sia nɔa vidada kple vidzĩ dome. * Fia David kafu Mawu be wòna yedo \"tso vidzidɔ me\" eye wòna yenɔ dedie le ye dada ƒe akɔnu. Edo gbe ɖa be: \"Wotsɔm de asi na wò tso esime wodzim; wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke.\"—Psalmo 22:9, 10.\nBU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Ne Mawue wɔ ɖoɖo wɔnuku sia ale be vidada si nye amegbetɔ nate ŋu alé ŋku ɖe via ŋu akpɔ vidzĩa ƒe hiahiãwo gbɔ lɔlɔ̃tɔe alea la, ekema ɖe susu mele eme be Mawu hã tsɔa ɖe le eme na mí \"Mawu ƒe viwo\" dometɔ ɖe sia ɖe oa?—Dɔwɔwɔwo 17:29.\nNU SI BIBLIA FIA MÍ TSO ALE SI MAWU LÉA BE NA MÍ ŊU\nYesu Kristo, ame si nya Wɔlaa wu ame bubu ɖe sia ɖe la fia nu be: \"Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue ŋutɔ oa? Gake wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. Eya ta migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.\"—Mateo 10:29-31.\nMía dometɔ geɖe meléa ŋku ɖe xevi suewo ŋu o, ʋuu keke wòahanye be 'wo dometɔ aɖe ge dze anyigba.' Gake mía Fofo si le dziƒo la kpɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe! Eye xeviwo, ne wosɔ gbɔ gɔ̃ hã, womele vevie nɛ wu amegbetɔ o. Eya ta nufiamea me kɔ be: Mele be 'nàvɔ̃' be Mawu menya ye o. Ke boŋ etsɔa ɖe le eme na wò vevie!\nMawu di be eme nanyo na mí eye wòléa ŋku ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe\nBiblia ka ɖe edzi na mí be\n\"Yehowa ƒe ŋku le afi sia afi, eléa ŋku ɖe ame vlowo kple ame nyuiwo siaa ŋu.\"—LODODOWO 15:3.\n\"Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodowo ŋu.\"—PSALMO 34:15.\n\"Matso aseye le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta, elabena wò ŋku le nye fukpekpewo ŋu; ènya nye nuxaxawo nyuie.\"—PSALMO 31:7.\n\"MESE LE ÐOKUINYE ME BE YEHOWA MELƆ̃M O\"\nNe míeva nya be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vevie eye eƒe ŋkuwo nɔa mía ŋu lɔlɔ̃tɔe la, ɖe esia akpe ɖe mía ŋua? Ɛ̃, nenemae Hannah, * si le England la gblɔ. Egblɔ be:\n\"Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa melɔ̃m o eye meɖoa nye gbedodoɖawo ŋu nam o. Mebui be esi xɔse mele asinye o tae. Mesusu be ɖe wònɔ to hem nam alo be nyemeɖi naneke o. Mekpɔe be Mawu metsɔ ɖeke le eme nam o.\"\nKe hã fifia Hannah va ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye. Nu kae na ale si wònɔ sesem le eɖokui me tsã la trɔ? Egblɔ be: \"Ðe nuwo nɔ tɔtrɔm vivivi. Meɖo ŋku Biblia me nuƒo aɖe si ku ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi la dzi, ekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye ŋutɔ, eye wòkpe ɖe ŋunye megaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃m. Aɖatsi lólona ɖe nye ŋkuwo dzi ne woɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam, elabe enana mekpɔnɛ be sigbeɖe Yehowa lɔ̃m. Azɔ hã Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede na mesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa, eƒe nɔnɔmewo kple ale si wòsena le eɖokui me tso mía ŋu la ŋu. Fifia eme kɔ nam keŋ be Yehowa le megbe na mí eye wòlɔ̃ mí hele didim be yeakpɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo gbɔ.\"\nNya si Hannah gblɔ la, de dzi ƒo ŋutɔ. Gake aleke nàte ŋu aka ɖe edzi be Mawu ɖoa ŋku dziwò eye wòsea ale si nèsena le ɖokuiwò me la gɔme? Nyati si kplɔ esia ɖo la aɖo biabia ma ŋu.\n^ mm. 3 Esesẽna na vidada aɖewo siwo vidzidzi megbe blanuiléledɔ ɖea fu na la be woana ƒomedodo sia nanɔ wo kple wo via dome. Ke hã mele be woase le wo ɖokui me be yewo gbɔe wòtso o. Dɔwɔƒe si kpɔa tagbɔdɔlélewo gbɔ le Amerika gblɔ be vidzidzi megbe blanuiléledɔ \"anya tso ametia kple seselelãmekuxi aɖewo gbɔ . . . gake metsoa nu si vidadaa wɔ alo mewɔ nyuie o gbɔ o.\" Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le August 8, 2002 ƒe Nyɔ! me le tanya si nye \"Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi\" te.\n^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2018-sep-oct\/%C9%96e-mawu-nya-w%C3%B2a\/","date":"2018-12-11T11:16:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823618.14\/warc\/CC-MAIN-20181211104429-20181211125929-00031.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981941581,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99819415807724}","num_words":856,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliasɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo Do Dzi Kple Dzidzɔ! Xlẽ ŋutinya si ku ɖe Paulo kple Sila ŋu. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa, eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene! Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Woɖɔ Wò Ðo Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Natan ɖo aɖaŋu na David me? Tsri Dzodzro Vɔ̃wo Wɔ dɔdeasi sia eye nàkpɔ Biblia me ŋutinya si ku ɖe David kple Bat-Seba ŋu la me nudzɔdzɔwo le susu me ɖaa. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya Xlẽ Biblia me ŋutinya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wu la ɖa. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO Do Dzi Kple Dzidzɔ! Eʋegbe Do Dzi Kple Dzidzɔ! https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013234\/univ\/art\/502013234_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/paulo-sila-do-dzi-kple-dzidz%C9%94\/","date":"2019-06-27T10:15:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001089.83\/warc\/CC-MAIN-20190627095649-20190627121649-00322.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9936235547,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9936235547065735}","num_words":138,"character_repetition_ratio":0.097,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ame kae nye nunana gãtɔ kekeake nala le xexea me?\nMawunyakpukpui: Yak 1:17\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana nyuitɔ kekeake ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Mawu ŋkɔ ɖe?\nMawunyakpukpui: Ps 83:18\nNyateƒea: Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.\nDZIDZƆ ATE ŊU ANƆ WÒ ƑOMEA ME\nŊgɔdonya: Míele video kpui sia si ku ɖe ƒomewo ŋu la ɖem fia amewo. [Ðe video si nye Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me ƒe ŋgɔdonya.]\nNya Si Nàgblɔ: Ne adzɔ dzi na wò be yeaxlẽ agbalẽ gbadza si woyɔ le videoa me la, mate ŋu ana ɖeka wò alo afia ale si nàwɔ eƒe kɔpi le Internet dzi la wò.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-17T05:58:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00350.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968113899,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968113899230957}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yuda-fia Yehosafat ɖe Baal ƒe vɔsamlekpuiwo kple legbawo ɖa le anyigba la dzi. Edi be ameawo nanya Yehowa ƒe sewo. Eya ta edɔ eƒe amegãwo kple Lewi viwo ɖo ɖe Yuda be woafia Yehowa ƒe sewo ameawo.\nDukɔ siwo ƒo xlã Yuda la, nɔ vɔvɔ̃m be yewoava wɔ aʋa kple Yuda elabena wonya be Yehowa li kple eƒe amewo. Wotsɔ nunanawo gɔ̃ hã vɛ na Fia Yehosafat. Gake Moabitɔwo, Amonitɔwo kple ame siwo le Seir nutowo me va be yewoawɔ aʋa kple Yuda. Yehosafat kpɔe be ele be yeabia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ena ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Edo gbe ɖa le wo katã ŋkume be: 'Oo Yehowa, míate ŋu aɖu dzi wò manɔmee o. Míeɖe kuku gblɔ nu si wòle be míawɔ la na mí.'\nYehowa ɖo gbedodoɖaa ŋu be: 'Migavɔ̃ o. Makpe ɖe mia ŋu. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo ne miakpɔ ale si maxɔ na mii ɖa.' Aleke Yehowa xɔ na woe?\nEsi ŋu ke la, Yehosafat tia hadzilawo eye wògblɔ na wo be woazɔ adze aʋawɔlawo ŋgɔ. Wozɔ tso Yerusalem yi Tekoa si nye afi si woawɔ aʋaa le.\nEsi hadzilawo le ha dzim sesĩe dzidzɔtɔe nɔ Yehowa kafum la, Yehowa wɔ aʋa na eƒe amewo. Ena Amonitɔwo kple Moabitɔwo tɔtɔ ale gbegbe be wowu wo nɔewo ale be wo dometɔ aɖeke metsi agbe o. Gake ekpɔ Yudatɔwo, aʋawɔlawo kple nunɔlawo ta. Dukɔ siwo katã te ɖe wo ŋu la se nu si Yehowa wɔ eye wonyae be Yehowa gale aʋa wɔm na eƒe amewo kokoko. Mɔ kawo nue Yehowa xɔna na eƒe amewo le? Exɔna na wo le mɔ geɖe nu. Mehiã amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu hafi axɔ na eƒe amewo o.\n\"Miele asi de ge aʋa la me o. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo keŋ ne miakpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na mii.\"—2 Kronika 20:17","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/fia-yehosafat\/","date":"2019-06-20T19:09:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999273.24\/warc\/CC-MAIN-20190620190041-20190620212041-00235.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988953471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988953471183777}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Yudatɔwo \"tso dukɔ siwo katã le dziƒoa te\" la me yi Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi vavã?\nHekpe ɖe Biblia ƒe ŋutinya si dze le Dɔwɔwɔwo 2:5-11 ŋu la, Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo si nɔ anyi ɣemaɣi la ŋlɔ nu tso ameha siwo va Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi ŋu.\nPhilo ŋlɔ tso mɔzɔla siwo yia Yerusalem ŋu be: \"Ameha gbogbo manyaxlẽwo tsoa dugã siwo mele xexlẽ me o la me vana; ɖewo zɔa afɔmɔ, eye ɖewo toa ƒu dzi, wotsoa ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kpakple dziehe kple anyiehe siaa vaa ŋkekenyui ɖe sia ɖe ɖuƒe.\" Le eƒe nuŋlɔɖia me la, ehe susu yi lɛta aɖe si Agripa I, si nye Herodes Gãtɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, ŋlɔ ɖo ɖe Roma Fiagã Caligula la dzi. Le lɛtaa me la, Agripa gblɔ tso Yerusalem ŋu be: \"Menye Yudea ɖeɖe ko ƒe fiadue Du Kɔkɔe la nye o, ke enye dukɔ bubuawo dometɔ akpa gãtɔ hã ƒe fiadu, elabena ameha gbogbo aɖewo ʋuna tso afi ma enuenu ɖatsoa kɔƒe ɖe dukɔ vovovowo me.\"\nAgripa yɔ nuto siwo me Yudatɔwo ʋu yi ɖatsi la dometɔ aɖewo ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖewo le didiƒe ʋĩi abe Mesopotamia, Dziehe Afrika, Asia Sue, Hela kple Mediterranea ƒukpowo dzi ene. Agbalẽnyala Joachim Jeremias gblɔ be: \"Togbɔ be womegblɔ le lɛta sia me tẽe be amewo zɔ mɔ tso teƒe mawo yi Yerusalem o hã la, eme kɔ ƒãa be wozɔa mɔ yia [Yerusalem], elabena wobia tso Yuda ŋutsuwo katã si be woayi ŋkekenyuiawo ɖuƒe.\"—5 Mose 16:16.\nTeƒe kawoe ame akpe geɖe siwo yia Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la dzena?\nŊkekenyui etɔ̃, siwo nye Ŋutitotoŋkekenyui, Pentekoste kple Agbadɔŋkekenyui, ye woɖuna le blema Yerusalem ƒe sia ƒe. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame akpe alafa geɖe tsoa Israel dukɔ bliboa me kple dukɔ bubu siwo katã me Yudatɔwo le la me yia Yerusalem le ŋkekenyuiawo ɖuɣi. (Luka 2:\nWo dometɔ aɖewo dzea xɔlɔ̃wo gbɔ; bubuwo dzea amedzrodzeƒewo. Eye wo dometɔ aɖewo hã nɔa avɔgbadɔwo me le dua me loo alo dua godo. Esi Yesu yi Yerusalem zi mamlɛtɔ la, edze du aɖe si nye Betania, si medidi tso afi ma o, la me.\nWoke ɖe teƒe geɖe siwo woxɔe se be wonye amedzrodzeƒewo tsã la ŋu le afi si te ɖe gbedoxɔa ŋu. Wokpɔ tsileƒe geɖe siwo me amedzro siwo va dzea teƒeawo la léa tsi le tsɔ kɔa wo ɖokui ŋu hafi yia gbedoxɔa me la le amedzrodzeƒeawo. Nuŋɔŋlɔ aɖe si wokpɔ le teƒe mawo dometɔ ɖeka la ɖee fia be nunɔla si ŋkɔe nye Theodotus, si nye ƒuƒoƒe si le nutoa me la dzi kpɔla, lae \"tu ƒuƒoƒea hena Torah-xexlẽ, eye . . . eya kee tu amedzrodzeƒea, xɔdɔmeawo kple tsidoa na amedzro siwo dzi nu mede o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151201\/pentekoste-33-yudat%C9%94wo-%C5%8Bkekenyuiwo\/","date":"2019-06-19T19:05:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00098.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994292259,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994292259216309}","num_words":449,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OCTOBER (KELE) 7, 2015\nAUSTRIA (AUTRICHE)\nVIENNA—Le May (Damɛ) 13, 2015 dzi la, ame 400 aɖewo de wɔna aɖe si me woɖe nu le ŋkuɖodzikpe aɖe dzi le. Wowɔ ŋkuɖodzikpe sia tsɔ ɖo ŋku Gerhard Steinacher, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si Nazitɔwo wu ƒe 75 aɖewoe nye esia esi wògbe be yemaɖo Germania-ʋakɔa me o la dzi. Dukɔa ƒe fiadu Vienna ƒe nuto si nye Meidling dzi kpɔla Gabriele Votava ƒo nuƒo vevi aɖe eye wòɖe nu le ŋkuɖodzikpe si woklã ɖe Steinacher ƒomea ƒe aƒe tsãtɔ si le Meidling le Vienna le Lägenfeldgasse 68 ƒe mɔnu.\nWɔnaa ƒe tanyae nye \"Nyemate ŋu ada tu o.\" Nya siae aƒetɔ Steinacher gblɔ esime wònɔ biabiam be woakpɔ nublanui na ye. Nya ʋɛ mawo ɖe nu geɖe fia tso Kristotɔwo ƒe dzixɔse siwo me aƒetɔ Steinacher lé ɖe asi vevie la ŋu, esiawo dometɔ ɖekae nye nya si Yesu gblɔ le Mateo 19:19 be: \"Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\"\nEsrɔ̃a Biblia tso eƒe ɖevime ke. Esi wòxɔ ƒe 17 la, etiae be yeazu Yehowa Ðasefo. Le September (Anyɔnyɔ) 15, 1939 dzi la, wolé aƒetɔ Steinacher le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta kple ale si wògbe be yemaka atam be yeawɔ nuteƒe na Hitler o la ta. Esi wolé aƒetɔ Steinacher de ga kwasiɖa ade le Vienna megbe la, wokplɔe yi Moabit-gaxɔ me le Berlin le Germany ale be wòanɔ afi ma va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui.\nNovember (Adeɛmekpɔxe) 11, 1939 dzie wodze aƒetɔ Steinacher ƒe nya la dɔdrɔ̃ gɔme eye wotsɔ nya ɖe eŋu be ele kuvia dem lãme na amewo be womegawɔ aʋa la o eye wotso kufia nɛ. Eƒo koko na wo be woakpɔ nublanui na ye elabe yeƒe mawudzixɔsewo tae yegbe ɖo. Gake le March (Tedoxe) 2, 1940 dzi la, Reichskriegsgericht (Nazi Dziɖuɖua Ƒe Asrafoʋɔnudrɔ̃ƒe) da asi ɖe kufia si wotso nɛ la dzi. Le kwasiɖa ene megbe, le March (Tedoxe) 30 dzi la, wowu aƒetɔ Steinacher kple ametatsomɔ̃ le Plötzensee-gaxɔ dziŋɔ si le Berlin la me. Exɔ ƒe 19.\nEsi woɖe nu le ŋkuɖodzikpea dzi megbe la, wɔnaa ƒe akpa susɔea yi edzi le Volkshochschule Fefewɔƒe si medidi tso afi ma o. Nu siwo yi edzi le afi ma la dometɔ aɖee nye Steinacher ƒomea ƒe ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖeɖe fia. Le ɖeɖefia ɖeka me la, woɖe aɖakavi aɖe si ŋu wova ke ɖo le ƒe 1976 me la fia. Lɛta 28 siwo aƒetɔ Ignatz kple Luise Steinacher ɖo ɖe wo viŋutsua la le aɖakavi sia me. Eye nyuidinamegbalẽvi 25 kple lɛta siwo Gerhard hã ŋlɔ tsɔ fa akɔ na edzilawo heka ɖe edzi na wo be yealé nu siwo dzi yewoxɔ se me ɖe asi goŋgoŋ la hã le aɖakavia me.\nWogblɔ le nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Wiener Bezirkszeitung, si wotana le Vienna kwasiɖa sia kwasiɖa me tso nudzɔdzɔ sia ŋu be \"ŋkuɖodzi ɖedzesi aɖe ŋutɔe.\" Wogblɔ be ŋkuɖodzi sia ɖe aƒetɔ Steinacher ƒe kalẽwɔwɔ tso \"viviti me va kekeli me.\" Wogakafu aƒetɔ Steinacher le nyatia me be: \"Ele klalo be yeaku ɖe yeƒe dzixɔsewo ta—dzixɔse mawo tututu nue wònɔ agbe ɖo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/austria\/gerhard-steinacher-%C5%8Bku%C9%96odzikpe\/","date":"2019-06-18T13:51:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00391.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991019964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999101996421814}","num_words":496,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.3,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 21, 2014\nAUSTRIA (AUTRICHE)\nSELTERS, Germany (Allemagne)—Le Kwasiɖa, April 13, 2014 dzi la, woɖe ŋkuɖodzikpe aɖe fia le Gusen Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodziƒe si le Austria (Autriche) la me tsɔ ɖo ŋku Yehowa Ðasefo 450 siwo Nazitɔwo lé de ga le Mauthausen fuwɔamegakpɔ kple eƒe Gusen gakpɔ sue me la dzi. Ame 130 kple edzivɔe va wɔnaa teƒe.\nEsi wokplɔ Ðasefoawo va Mauthausen fuwɔamegakpɔa me la, gaxɔa ƒe amegã do ŋɔdzi na wo be: \"Biblia Nusrɔ̃vi aɖeke madzo le afi sia agbagbee o.\" Aƒetɔ Martin Poetzinger si nɔ ga me le Dachau, Mauthausen kple Gusen hena ƒe asieke eye emegbe wòva zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ le Brooklyn le New York la gblɔ tso esime wònɔ ga me le Mauthausen ŋu be: \"Adzamekpovitɔwo wɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoana míaƒe xɔse me nagbɔdzɔ.\"\nWokplɔ Ðasefo siwo le Mauthausen gakpɔa me la dometɔ aɖewo yi Gusen gakpɔ me emegbe. \"Amewusaɖa\" koŋue Gusen gakpɔ la nye, elabena woɖonɛ koŋ wua amewo le afi ma gbe sia gbe. Ðasefoawo kpena le hatsotso suesuewo me le zã me dzroa Biblia ƒe akpa siwo wolé ɖe susu me la me ale be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. Gbe ɖeka Biblia va ka wo si. Woma Biblia la me ɖe akpa vovovo me, eye ne ɖe ɖo ame aɖe gbɔ la eya hã ɖonɛ ɖe nɔvia. Wobena ɖe woƒe abatiwo te xlẽnɛ le vovoɣi vi siwo sua wo si la me.\nÐasefoawo gblɔa Biblia me gbedeasia na amewo hã ŋuɖɔɖotɔe. Ðasefoawo srɔ̃ Biblia kple Polandtɔ atɔ̃ aɖewo esi wonɔ ga me eye woxɔ nyɔnyrɔ le adzame le atigo aɖe si wokpa hena esia wɔwɔ la me. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Franz Desch gblɔ Biblia me gbedeasia na SS-srafo aɖe eye eya hã va zu Yehowa Ðasefo.\nAƒetɔ Wolfram Slupina, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Austria, gblɔ be: \"Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be woɖo ŋku Ðasefo siwo nɔ Mauthausen kple Gusen gakpɔwo me la dzi le woƒe xɔse kple dzinɔameƒo siwo woɖe fia le gakpɔ siawo me ta. Ale si woɖoe kplikpaa be yewoaɖe Kristotɔwo ƒe veveseseɖeamenu kple dɔmenyonyo afia ame sia ame la nye vɔ̃dziɖuɖu si dzi wòle be woaɖo ŋkui ahasrɔ̃.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nAustria: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/austria\/mauthausen-gusen-fuw%C9%94amegax%C9%94\/","date":"2019-06-18T13:29:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00391.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985935688,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985935688018799}","num_words":375,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke wòdzɔe be woɖe asi le Yehowa Ðasefowo ŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖedzesi aɖe megbe?\nLe November 27, 2012 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be ele be Armenia dziɖuɖua naxe home si nye euro 112,000 (dɔlar 145,226) ɖe nu siwo dome wògble kple senyawo ƒe fe na ame 17 siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta si nye afɔkpotutu woƒe amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/armenia\/","date":"2019-06-18T11:26:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00130.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998075366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998075366020203}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.318,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu gale eƒe mɔzɔzɔa dzi to Perea nutoa me ɖo ta Yerusalem. Ðekakpui kesinɔtɔ aɖe ƒu du va dze klo ɖe eŋkume. Ðekakpuia nye \"Yudatɔwo ƒe kplɔla,\" eya ta ɖewohĩ enye ƒuƒoƒea dzi kpɔla, alo be enye Sanhedrin la me tɔ. Ebia Yesu be: \"Nufiala Nyui, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?\"—Luka 8:41; 18:18; 24:20.\nYesu ɖo eŋu be: \"Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.\" Anye be ɖekakpuia yɔ Yesu be \"nyui\" wònye dzesideŋkɔ si wotsɔ dea bubu ame ŋu abe ale si rabiwo wɔnɛ ene. Togbɔ be Yesu bi ɖe nufiafia me hã la, ena ɖekakpuia nya be le dzesideŋkɔ gome la, Mawu koe wòle be woayɔ be \"Nyui.\"\nYesu ɖo aɖaŋu nɛ be: \"Ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, yi edzi nànɔ seawo dzi wɔm.\" Eya ta ɖekakpuia bia be: \"Kawo?\" Yesu yɔ Se Ewoawo dometɔ atɔ̃ siwo ku ɖe amewuwu, ahasiwɔwɔ, fififi, aʋatsoɖaseɖiɖi kple ame dzilawo bubu ŋu. Eyome ehe susu yi sedede bubu si le vevie wu la dzi be: \"Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\"—Mateo 19:17-19.\nÐekakpuia ɖo eŋu be: \"Mewɔa se siawo katã dzi; nu kae gasusɔ nam?\" (Mateo 19:20) Anya se le eɖokui me be nu nyui ɖedzesi aɖe gali wòle be yeawɔ hafi adze na agbe mavɔ kpɔkpɔ. Esi Yesu kpɔ ale si gbegbe nyaa le vevie na ɖekakpuia la, 'elɔ̃e.' (Marko 10:21) Ke hã, mɔxenu aɖe nɔ ɖekakpuia ŋgɔ.\nÐekakpuia ƒe dzi ku ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu, eya ta Yesu gblɔ nɛ be: \"Nu ɖeka susɔ na wò: Heyi nàdzra nu siwo le asiwò la, nàtsɔ ga la ana ame dahewo, eye kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo; eye nàva dze yonyeme.\" Ɛ̃, ɖekakpuia ate ŋu atsɔ eƒe ga ana ame dahe siwo mate ŋu aɖo eteƒe nɛ o, eye wòava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. Gake etso hedzo kple nuxaxa boŋ, eye anɔ eme be eƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Ale si ɖekakpuia ƒe dzi ku ɖe \"nu geɖe\" siwo le esi ŋu la gbã ŋku nɛ, si wɔe be mete ŋu kpɔ kesinɔnu vavãtɔ dze sii o. (Marko 10:21, 22) Yesu gblɔ be: \"Aleke gbegbe wòasesẽ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu Fiaɖuƒe la mee nye esi!\"—Luka 18:24.\nNya mawo kple esi Yesu gagblɔ ɖe eyome la wɔ moyaa na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ be: \"Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.\" Esia wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo eye wobiae be: \"Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?\" Ðe ɖeɖekpɔkpɔ sesẽ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu akpɔ agbe oa? Yesu kpɔ wo dũu heɖo eŋu na wo be: \"Nu siwo manya wɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, Mawu ya ate ŋu awɔe.\"—Luka 18:25-27.\nPetro ɖee fia be yewoɖe afɔ si to vovo na ɖekakpui kesinɔtɔ la tɔ esi wògblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme; ke nu kae ava nye mía tɔ?\" Yesu na wonya nu si ava do tso afɔ nyui si woɖe la me esi wògblɔ be: \"Le nuwo gbugbɔwɔɣi, ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã mianɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.\"—Mateo 19:27, 28.\nEme kɔ ƒãa be nuwo gbugbɔwɔɣi le etsɔme, esime woava ɖɔ nɔnɔmeawo ɖo le anyigba dzi wòanɔ abe ale si wònɔ le Eden-bɔa me ene lae Yesu wɔnɛ. Petro kple nusrɔ̃la bubuawo akpɔ teƒeɖoɖo ne wova le dzi ɖum kple Yesu ɖe anyigba dzi Paradiso ma dzi, eye teƒeɖoɖo sia lolo wu nu sia nu si wotsɔ sa vɔe!\nGake menye etsɔme koe woakpɔ teƒeɖoɖowo o. Eƒe nusrɔ̃lawo le viɖea ƒe ɖewo kpɔm fifia gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be: \"Ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃nyɔnu alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le Mawu Fiaɖuƒe la ta, si makpɔ wo ɖe eteƒe zi geɖe le ɣeyiɣi sia me, eye wòakpɔ agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me o.\"—Luka 18:29, 30.\nƐ̃, afi sia afi si eƒe nusrɔ̃lawo ayi la, woate ŋu ase vivi na hadede kple wo hati tadeagulawo le ƒomedodo si le kplikplikpli eye asixɔxɔ le eŋu wu esi le woawo kple woƒe ƒometɔ kpamkpamwo gɔ̃ hã dome la me. Nublanuitɔe la, edze abe yayra ma kpakple Mawu Fiaɖuƒea dome nyinyi le dziƒo ƒe teƒeɖoɖoa to ɖekakpui kesinɔtɔ ma ŋu ene.\nYesu gblɔ kpee be: \"Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo.\" (Mateo 19:30) Eƒe nyaa gɔme ɖe?\nÐekakpui kesinɔtɔ si nye kplɔla la le ame \"gbãtɔwo\" dome, le esi wònye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka ta. Esi wòléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi ta la, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi nɛ be wòawɔ geɖe hafi, eye woabia nu geɖe tso esi hã. Ke hã, kesinɔnuwo kple nunɔamesiwoe va nye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Gake dukɔa me tɔ tsɛwo ya de dzesii be Yesu ƒe nufiafiawoe nye nyateƒea eye wokplɔa ame dana ɖe agbemɔ la dzi. Le mɔ aɖe nu la, woawoe nye \"mlɔetɔwo\" hafi, gake fifia woawoe va le \"gbãtɔwo\" zum. Woate ŋu akpɔ mɔ be yewoava nɔ fiazikpuiwo dzi kple Yesu le dziƒo ahaɖu anyigba dzi Paradiso la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94subud%C9%94-yordan-%C6%92e-%C9%A3edze%C6%92e\/%C5%8Bu%C9%96o%C9%96o-%C9%96ekakpui-kesin%C9%94t%C9%94-kpl%C9%94la\/","date":"2019-06-17T21:24:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981710315,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981710314750671}","num_words":863,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GUY HOLLIS PIERCE, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ la wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le Braɖa, March 18, 2014 dzi, esime wòxɔ ƒe 79. Esi wònye Kristo nɔviwo dometɔ ɖeka ta la, wofɔe ɖe tsitre eye wòxɔ eƒe dziƒofetua.\nWodzi Guy Pierce le Auburn, California, le U.S.A., le November 6, 1934 dzi, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me. Eɖe Penny, si nye srɔ̃a lɔlɔ̃a le ƒe 1977 me eye wo kplii wodzi viwo. Enɔ ko abe fofo ene na ame bubu geɖewo hã. Wo kple Penny wodze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1982 me. Ewɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa tso ƒe 1986 me le United States, eye wòwɔ dɔ sia ƒe 11.\nGuy kple Penny Pierce va zu United States Betel-ƒomea me tɔwo le ƒe 1997 me. Nɔviŋutsu Pierce wɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, eye le ƒe 1998 me la, eva zu Dɔdzikpɔhaa ƒe Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti la ƒe kpeɖeŋutɔ. Esi wogawɔ ƒe sia ƒe ƒe takpekpea le October 2, 1999 dzi la, woɖe gbeƒãe be ezu Dɔdzikpɔhaa me tɔwo dometɔ ɖeka. Le ƒe siwo va yi me la, ewɔ dɔ le kɔmiti siwo nye Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti, Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti, Agbalẽtata Kɔmiti kple Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmiti la me.\nNɔviŋutsu Pierce koa alɔgbɔnu xɔlɔ̃tɔe eye wòdoa vivi ɖe ame ŋu. Ame ƒomevi vovovowo kple dukɔ vovovo me tɔwo ɖea dzi ɖi le egbɔ. Gake nu si koŋ na eƒe nu lé dzi na amewoe nye eƒe lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ, ale si wòdea bubu Mawu ƒe sewo kple mɔfiamewo ŋu kpakple ale si wòka ɖe Yehowa dzi bliboe. Guy Pierce gblɔna zi geɖe be ele bɔbɔe be ɣe nagadze o tsɔ wu be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nado kpo emevava, eye wòdi be xexe bliboa nanya esia.\nNɔviŋutsu Pierce ku kutri le Yehowa ƒe dɔa wɔwɔ me. Zi geɖe la, edzea dɔ gɔme ŋdi kanya henɔa dɔ dzi va se ɖe esime zã tsi. Ezɔ mɔ yi dukɔ vovovowo me ɖade dzi ƒo na nɔvi Kristotɔwo, eye wòkpɔa vovo ɖe ame sia ame si bia eƒe kpekpeɖeŋu alo te ɖe eŋu hena aɖaŋuɖoɖo la ŋu. Le ƒe geɖewo megbe gɔ̃ hã la, eƒe hati tadeagulawo gaɖoa ŋku eƒe amewɔwɔ, xɔlɔ̃wɔwɔ kple Ŋɔŋlɔawo me dzideƒonamenyawo dzi.\nSrɔ̃, vi ade, tɔgbuiyɔviwo, tɔgbuitɔgbuiyɔviwo kple gbɔgbɔmevi geɖe nɔ mía nɔviŋutsu kple xɔlɔ̃ vevi sia si, eye woasusui ŋutɔ. Mark Sanderson, si hã nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ lae ƒo Nɔviŋutsu Pierce ƒe kunuƒoa le Brooklyn ƒe Betel le Memleɖa, March 22, 2014 dzi. Eƒo nu tso dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Nɔviŋutsu Pierce si la ŋu eye wòxlẽ Yesu ƒe nya sia be: \"Fofonye ƒe aƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, megagbɔna ake, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bene afi si mele la, miawo hã mianɔe. Eye afi si yim mele la, mienya mɔ la.\"\nMíasusu Nɔviŋutsu Pierce ŋutɔ. Gake dzidzɔ hãe wònye na mí be 'enya mɔ la' yi eƒe \"nɔƒe\" mavɔ la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20141215\/guy-pierce-d%C9%94dzikp%C9%94ha-me-t%C9%94-ku\/","date":"2019-06-18T03:26:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984321594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984321594238281}","num_words":475,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.309,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o. Kpɔ nu eve siwo ate ŋu ana be Mawu maɖo to ame aɖe ƒe gbedodoɖa o ɖa.\n1. Ne gbedodoɖa mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o\nMawu meɖoa gbedodoɖa siwo mewɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu alo eƒe sedede siwo le Biblia me la ŋu o. (1 John 5:14) Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be míatsri ŋukeklẽ. Tsatsadada nana míeklẽa ŋu. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Eya ta Mawu maɖo gbe si nàdo ɖa be wòana yeaɖu loto la ŋu na wò o. Mawu menye gbɔgbɔ aɖe si ne ènya yɔe ko wòawɔ nu sia nu si nèdi la na wò o. Ele be nàda akpe be Mawu mele alea o. Ne menye nenema o la, ne ame bia Mawu be wòatu nu kpli wò la, ke edɔ.—Yakobo 4:3.\n2. Ne ame si le gbea dom ɖa la wɔa nu baɖawo\nMawu meɖoa to ame siwo ɖonɛ koŋ gbea toɖoɖoe to woƒe nuwɔnawo me la ƒe gbedodoɖawo o.\nLe kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na ame siwo be yewole esubɔm evɔ wowɔa nu baɖawo la be: \"Ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!\" (Yesaya 1:15)\nGake ne 'wodrɔ̃' wo kple Mawu dome nyaa hetrɔ nɔnɔme la, Mawu aɖo to woƒe gbedodoɖawo.—Yesaya 1:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/ne-mawu-me%C9%96o-to-gbedodo%C9%96a-o\/","date":"2019-06-18T10:57:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00274.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959590435,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959590435028076}","num_words":210,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzi nɔ Esta ƒo eye wòwɔ nu ɖokuitɔmadimaditɔe esi wònɔ Yehowa kple eƒe amewo ta ʋlim\nEsta kple Mordekai nɔ dedie. Gake se si Haman de be woawu Yudatɔwo katã la ɖo fiaɖuƒea ƒe akpa sia akpa\nEsta gatsɔ eƒe agbe de afɔku me esi wòdo ɖe fia ƒe ŋkume evɔ womekpee o. Efa avi ɖe eƒe dukɔa ta eye wòbia tso fiaa si be wòatrɔ se si wode be woawu yeƒe amewo\nWomagate ŋu atrɔ se si wode le fia ƒe ŋkɔ me la o. Eya ta fia la na ŋusẽ Esta kple Mordekai be woawɔ se yeye","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar7-13\/esta-biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C9%96okuit%C9%94madimadi\/","date":"2019-06-20T13:31:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00382.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993517995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993517994880676}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA\nDzila siwo ɖoa kpɔɖeŋu nɔa agbe ɖe nu si wofiana la nu. Le kpɔɖeŋu me, asesẽ na viwò be wòato nyateƒe ne esenɛ nègblɔna be, \"Gblɔ nɛ be nyemeli o,\" ne mèdi be yeaƒo nu kple ame aɖe si va aƒea me o.\n\"Nya si dzilawo lɔ̃a gbɔgblɔ ye nye be, 'Wɔ nu si megblɔ na wò, menye nu si mewɔna o.' Gake nya sia mewɔa dɔ le ɖeviwo gbɔ o. Ðeviwo srɔ̃a nu sia nu si míewɔna kple nya sia nya si míegblɔna abe ale si papahũ lɔa tsii ene, eya ta ne nu si míewɔna mesɔ kple nya siwo míegblɔna o la, woagblɔe na mí.\"—David.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Wò, ame si le gbeƒã ɖem be, 'Mègafi fi o' la, wòe fia fia?\"—Romatɔwo 2:21.\nNU SI TA WÒLE VEVIE\nNu siwo dzilawo wɔna kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo dzi wu wo hatiwo kple ame bubuwo. Esia fia be wòe nye ame si ate ŋu afia mɔ viwòwo nyuie wu—nenye be wò ŋutɔ nèwɔa nu siwo nègblɔna.\n\"Míate ŋu anɔ nya ɖeka ma ke gblɔm zi geɖe eye wòawɔ na mí be ɖevia gbe tonusese, gake ne míewɔ míaƒe nya dzi zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã o la, ɖevia ade dzesii. Ðeviwo léa ŋku ɖe nu sia nu si míewɔna ŋu, ne míesusu be womele ekpɔm o gɔ̃ hã.\"—Nicole.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Nunya si tso dziƒo la, . . . alakpanuwɔwɔ mele eme o.\"—Yakobo 3:17.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nLé ŋku ɖe wò nuwɔnawo ŋu. Modzakaɖeɖe kawo ŋue nèdoa vivi ɖo? Aleke nèwɔa nu ɖe srɔ̃wò kple viwòwo ŋu? Ame kawoe nye xɔ̃wòwo? Ðe nèbua ame bubuwo ŋua? Kpuie koa, ɖe nènɔa agbe abe ale si nèdi be viwòwo nanɔe enea?\n\"Nye kple srɔ̃nye míenana mía viwo wɔa nu siwo míawo ŋutɔwo míewɔna o.\"—Christine.\nÐe kuku ɖe wò vodadawo ta. Viwòwo nyae be mède blibo o. Ne ègblɔna be \"Tɔnye medzɔ o\" na srɔ̃wò kple viwòwo ne ehiã la, ke èle anukwareɖiɖi kple ɖokuibɔbɔ fiam wo.\n\"Ele be mía viwo nakpɔe be míelɔ̃na ɖe míaƒe vodadawo dzi heɖea kuku. Ne míewɔnɛ alea o la, ɖeko woawo hã woanɔ nu tsyɔm woƒe vodadawo dzi.\"—Robin.\n\"Mí dzilawo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe mía viwo dzi ŋutɔ, eye kpɔɖeŋu si míeɖonae nye nu vevi si ŋu woléa ŋku ɖo ɣeawokatãɣi. Ale si dzilawo nɔa agbee fiaa nu wo viwo ɣesiaɣi.\"—Wendell.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2018-jul-aug\/%C6%92omewo-kp%C9%94a-dzidzedze-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2019-06-24T08:55:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999298.86\/warc\/CC-MAIN-20190624084256-20190624110256-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945770502,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9945770502090454}","num_words":387,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ April 2015 | Àdi Be Woasrɔ̃ Biblia Kpli Yea?\nYehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple ame miliɔn geɖe le xexea me godoo eye wòle vi ɖem na wo ŋutɔ, evɔ womexea fe ɖe eta o. Xlẽ nu tso ale si wòate ŋu aɖe vi na wò hãe ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe nègblɔ be, 'vovo mele ŋunye o,' alo 'nu ɖeka wɔwɔ ɖaa ɖe wòtiam' kpɔa?\nXlẽ nya siwo amewo biana zi geɖe tso míaƒe Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu la dometɔ enyi ƒe ŋuɖoɖowo.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nEsi Doris Eldred si nye nufiala la lɔ̃ eƒe sukuvi fia nui la, eva ke ɖe eƒe agbemebiabia veviwo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo ŋu.\nYohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa ye nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si ŋu woke ɖo.\nA CONVERSATION WITH A NEIGHBOR\nAme geɖe ɖua Yesu ƒe dzigbezã le Kristmas dzi kple eƒe tsitretsitsi ƒe azã le Easter dzi. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ya ɖoa ŋku yesu ƒe kua boŋ dzi?\nDɔ kae aʋafia siwo nɔ Roma-srafowo dome la wɔna? Aleke ahuhɔ̃e siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo la to vovo na egbetɔwoe?\nÐe ame sia ame ava lɔ̃ nɔvia gbe ɖeka?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBiblia-ŋlɔla geɖe gblɔ be Mawue gblɔ nu si yewoŋlɔ la na yewo. Nu ka ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150401\/","date":"2019-06-16T13:13:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00316.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997118175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971181750297546}","num_words":215,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nNew York Times nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be \"dɔwɔla siwo noa sigaret gblẽa . . . Amerika dɔlar 5,816 dome na woƒe dɔtɔwo ƒe sia ƒe ne wotsɔe sɔ kple esiwo menonɛ o.\" Le nyatakaka siwo numekula siwo le Ohio State Yunivɛsiti xɔ nu la, tɔtɔ sẽe ano sigaret, ga siwo wogblẽna ɖe sigaretnolawo ƒe lãmesẽ ŋu, kple dɔmemademade gbɔe gagbegblẽ sia tso. Nu bubu si gbɔ wòtsonae nye ale si dɔwɔla siawo tɔgbi megatea ŋu wɔa dɔ tututu o le esi sigaretnono na woƒe lã me gbɔdzɔ ta.\nItaly\n\"Ale si sɔlemehakplɔlawo kple woƒe hameviwo ƒe agbenɔnɔ mewɔa ɖeka kple nya siwo wogblɔna o la na be amewo megava le kakam ɖe Sɔlemehaa dzi o.\"\nMalaysia\nMalaysia dziɖuɖumegãwo lé nyiɖu tɔn 24 si nye atiglinyi 1,000 kple edzivɔ ƒe nyiɖuwo, siwo wotsɔ ɣla ɖe meli eve siwo lɔ mahogani la me. Nutometakpɔlawo gblɔ be esiae nye degbãnu gbogbotɔ kekeake si dzi asi su kpɔ. Meli siwo tsɔ nu siawo la tso Togo heɖo ta China.\nAfrika\nXexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta le ƒe 2012 me be dɔ xɔleameŋuwo, abe ɖikanaku, mitsinyedɔwo, asrã (atikesi), yɔmekpe kple ɖeviwo ƒe dɔlélewo ene, ye wu ame siwo ku le ƒe ma me la dometɔ 63 le alafa me.\nAustralia\nAsitelefon deŋgɔwo kple mɔ̃ bubu siwo dzi tsatsadada ƒe fefe le la va bɔ ɖe ɖeviwo si ŋutɔ. Fefe siawo dometɔ aɖewo nɔa ko abe tsatsa ŋutɔŋutɔ dam wole ene, gake wòhenɔa bɔbɔe be edalaa naɖu. Dziɖuɖua xlɔ̃ nu be fefetsatsadada ma ana ɖeviwo nasusui be tsatsadada menye sedzidada o, \"eye woava zu tsatsadalawo ne wotsi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201402\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-19T01:45:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00552.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986232519,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998623251914978}","num_words":258,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃. Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye \"mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃,\" wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu. (2 Petro 2:4) Mawudɔla gbãtɔ si wɔ eɖokui gbɔgbɔ vɔ̃e nye Satana Abosam, ame si Biblia yɔ be \"gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.\"—Mateo 12:24, 26.\nAglãdzedze le Noa ƒe ŋkekea me\nBiblia ƒo nu tso mawudɔlawo ƒe aglãdzedze do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋu be: \"Mawu vavã la ƒe viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ. Ale woɖe wo dometɔ siwo katã dze wo ŋu.\" (1 Mose 6:2) Mawudɔla vɔ̃ɖi mawo 'gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi' le dziƒo eye wodo amegbetɔwo ƒe ŋutilã va anyigba dzi ale be woate ŋu adɔ kple nyɔnuwo.—Yuda 6.\nEsi Tsiɖɔɖɔa dze egɔme la, mawudɔla dzeaglã mawo gblẽ woƒe amegbetɔŋutilã ɖi hetrɔ yi dziƒo. Ke hã, Mawu nya wo ɖa le eƒe ƒomea me. Woƒe tohehea ƒe akpa aɖee nye be, womagate ŋu ado amegbetɔŋutilã akpɔ gbeɖe o.—Efesotɔwo 6:11, 12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%96e-gb%C9%94gb%C9%94-v%C9%94%CC%83wo-li-%C5%8But%C9%94%C5%8But%C9%94a\/","date":"2019-06-19T02:08:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00552.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957007766,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957007765769958}","num_words":153,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le kpɔɖeŋu me, esi ahom sesẽ aɖe gblẽ Sally * si le Amerika ƒe nunɔamesi akpa gãtɔ dome la, egblɔ be: \"Nyemagate ŋu ado dzi o. Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me be eglom azɔ.\"\nKe ne wò ame vevi aɖee ku ya ɖe? Janice si le Australia gblɔ be: \"Esi vinyeŋutsu eveawo ku la, metɔtɔ ale gbegbe be nyemegava nɔ ta kpɔm na naneke o. Meɖe kuku na Mawu be: 'Meɖe kuku nyemagate ŋu ado dzi atsɔe o! Na maku kpoo. Nyemedi be maganɔ agbe o.'\"\nLe Daniel gome la, esi srɔ̃a to ete la, eƒe dzi gbã ale gbegbe. Egblɔ be: \"Esi srɔ̃nye gblɔ nam be yewɔ ahasi la, ɖeko wònɔ abe ɖe woƒo hɛ̃ ɖe nye dzi me ene. Mese veve enuenu hena ɣleti geɖe.\"\nGbetakpɔxɔ sia aƒo nu tso nu siwo nàwɔ be nàyi edzi anɔ agbe\nGake gbã la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne afɔku aɖe dzɔ?\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2019-may-jun\/ne-agbea-wu-ts%C9%94ts%C9%94-na-w%C3%B2\/","date":"2019-06-25T21:48:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999948.3\/warc\/CC-MAIN-20190625213113-20190625235113-00050.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993162155,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993162155151367}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ vidzĩe, si le avi fam, eye wòlé aƒenɔvi la ƒe asibide la ɖa. Mose enye sia. Ènya amesi aƒenɔvi dzetugbee la nyea? Egipte-fiavinyɔnue, Farao ŋutɔŋutɔ ƒe vinyɔnue.\nMose dada ɣla eƒe vidzĩe la vaseɖe esime wòtsi xɔ ɣleti etɔ̃, elabena medi be Egiptetɔwo nawui o. Ke enya be ame aɖe akpɔ Mose, eyata nusi wòwɔ hetsɔ ɖe eƒe agbe nye esi.\nEtsɔ kusi aɖe hetree nyuie be tsi nagage ɖe eme o. Azɔ etsɔ Mose mlɔ eme, eye wòtsɔ kusia da ɖe aɖa kɔkɔ, siwo le Nil-tɔsisia to la me. Wogblɔ na Mose nɔvinyɔnu Miryam be wòatsi tre ɖe adzɔge akpɔ nusi ava dzɔ.\nKasia Farao vinyɔnue nye si va tsi le ge le Nil-tɔsisia me. Enumake wòkpɔ kusia le gbe tsralawo me. Eyɔ eƒe dɔlanyɔnuwo dometɔ ɖeka hegblɔ be: 'Yi ɖakɔ kusi ma vɛ nam.' Esi fiavinyɔnu la ʋu kusia la, vidzĩe dzeɖekɛ aɖee nye si wòkpɔ! Mose, vidzĩe la le avi fam, eye eƒe nu wɔ nublanui na fiavinyɔnu la. Medi be yeana woawui o.\nTete Miryam va do. Àte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata la me. Miryam bia Farao vinyɔnua bena: 'Nyemayi aɖayɔ Hebri-nyɔnu aɖe vɛ be wòana no ɖevi la na wò oa?'\nFiavinyɔnu la gblɔ be: 'Ẽ, heyi.'\nEye Miryam ƒu du kaba ɖagblɔe na dadaa. Esi Mose dada va ɖo fiavinyɔnua gbɔ la, fiavinyɔnu la gblɔ nɛ bena: 'Xɔ ɖevi sia, eye nàna noe nam, eye maxe fe na wò.'\nEyata Mose dadae kpɔ eya ŋutɔ via dzi. Emegbe esi Mose tsi nyuie la, ekplɔe yi na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ eya ŋutɔ viae. Alea wòva dzɔe be Mose tsi le Farao ƒe aƒeme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/mose-vidz%C4%A9-la\/","date":"2019-06-17T20:59:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00464.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997299314,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997299313545227}","num_words":272,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ seƒoƒo kple atiku ɖiɖi, siwo to ɖe atikplɔ alo ati sia ŋuti la ɖa. Esiae nye Aron ƒe atikplɔ. Seƒoƒoawo kple atiku ɖiɖi la to ɖe Aron ƒe atikplɔa ŋuti le zã ɖeka ko me! Na míakpɔ nusitae la ɖa.\nƔeyiɣi ʋɛ aɖee nye esia esime Israel-viwo le tsatsam le gbeadzi. Wo dometɔ aɖewo mesusu be Mose nanye kplɔla alo Aron nanye nunɔlagã o. Korax nye amesiawo dometɔ ɖeka; nenema kee nye Datan, Abiram, kple ameawo ƒe ŋgɔnɔla 250. Amesiawo katã va gblɔ na Mose be: 'Nukatae nèdo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe mía nu?'\nMose gblɔ na Korax kple eyomedzelawo be: 'Ne ŋu ke ŋdi la, mitsɔ dzoɖenuwo, eye miatsɔ dzudzɔdonuwo ɖe eme vɛ. Ne miava Yehowa ƒe agbadɔ la gbɔ. Míele amesi Yehowa tia la kpɔ ge.'\nEsi ŋu ke la, Korax kple eyomedzela 250 la va agbadɔ la gbɔ. Ame geɖe, siwo de amesiawo dzi la hã va. Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ. Mose gblɔ be: 'Mite ɖa le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔ gbɔ. Migade asi woƒe naneke ŋuti o.' Ameawo ɖo to, eye wote ɖe megbe tso Korax, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.\nEmegbe Mose gblɔ be: 'Esia ana mianya amesi Yehowa tia. Anyigba ake nu ami ame vɔ̃ɖi siawo.'\nEsi Mose ƒo nu vɔ teti ko la, anyigba ke nu. Korax, Datan kple Abiram, kple amesiwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe agbadɔ kple nunɔamesiwo ɖo do, eye anyigba la mia nu ɖe wo dzi. Esi ameawo se amesiwo le do ɖom la ƒe ɣlidodowo la, wodo ɣli be: 'Misi! Anyigba la ava mi míawo hã!'\nKorax kple eyomedzela 250 la gale tsitre ɖe agbadɔ la nu ko. Eyata Yehowa dɔ dzo ɖa, eye wòfia wo katã. Emegbe Yehowa gblɔ na Aron ƒe vi Eleazar be wòatsɔ amesiwo ku la ƒe dzoɖenuawo ahaƒoe gbadzɛ be woafa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Vɔsamlekpui ƒe nutsyɔnu sia anye nuxɔxlɔ̃ na Israel-viwo be Aron kple viawo ɖeɖekoe kpɔ mɔ asubɔ abe nunɔlawo ene na Yehowa.\nGake Yehowa di be wòadze ƒã be Aron kple viawoe yetia be woanye nunɔlawo. Eyata egblɔ na Mose be: 'Na Israel-ƒome ɖesiaɖe ƒe amegã natsɔ eƒe atikplɔ vɛ. Le Lewi-ƒomea me la, na Aron natsɔ eƒe atikplɔ vɛ. Eye nàda atikplɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe takpexɔ la me le nubablaɖaka la ŋkume. Amesi metia be wòanye nunɔla la ƒe atikplɔ aƒo se.'\nEsi Mose ɖakpɔ wo le ŋdi la, kpɔ ɖa, seƒoƒo kple kutsetse ɖiɖi siawo to ɖe Aron ƒe atikplɔ la dzi! Eyata fifia èkpɔ nusitae Yehowa na Aron ƒe atikplɔ la ƒo sea?\nMose IV 16:1–17:14, 16-26; 26:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/aron-%C6%92e-atikpl%C9%94\/","date":"2019-06-20T13:45:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00419.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995063543,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995063543319702}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia vɔ̃ɖi geɖe ɖu Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi, eye Ahab nye esiwo vɔ̃ɖi wu la dometɔ ɖeka. Eɖe nyɔnu vɔ̃ɖi aɖe si subɔa Baal. Nyɔnua ŋkɔe nye Izebel. Ahab kple Izebel na Baal subɔsubɔ xɔ anyigba la dzi eye wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo. Nu kae Yehowa wɔ? Edɔ nyagblɔɖila Eliya be wòagblɔ gbedeasi aɖe na Ahab.\nEliya gblɔ na Fia Ahab be le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ta la, tsi madza le Israel o. Nukuwo mewɔ o hena ƒe etɔ̃ kple edzivɔ eye dɔ wu amewo. Emegbe Yehowa gadɔ Eliya ɖe Ahab gbɔ. Fia la gblɔ nɛ be: 'Èle fu ɖem ŋutɔ! Gbɔwòe wòtso be nu siawo katã dzɔ.' Eliya ɖo eŋu nɛ be: 'Menye gbɔnyee kuɖiɖi sia tso o. Gbɔwòe wòtso elabena èle Baal subɔm. Na míawɔ dodokpɔ aɖe. Ƒo dukɔ la kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo nu ƒu ɖe Karmel To la dzi.'\nAmeawo va ƒo ƒu ɖe toa dzi. Eliya gblɔ be: 'Mitia ame si miasubɔ. Ne Yehowa ye nye Mawu vavãa la, midze eyome. Ne Baal ye la, midze eyome. Mebe mitia ɖeka. Mina Baal ƒe nyagblɔɖila 450 la nadzra vɔsalã ɖo na woƒe mawua, eye nye hã madzra nye vɔsalã ɖo eye mayɔ Yehowa. Mawu si ana dzo nava fiã vɔsalã lae nye Mawu vavã la.' Ameawo lɔ̃ ɖe edzi.\nBaal ƒe nyagblɔɖilawo dzra woƒe vɔsalãa ɖo. Wonɔ woƒe mawua yɔm ŋkeke bliboa katã be: 'Oo Baal tɔ na mí!' Esi Baal metɔ o la, Eliya ɖu fewu le eŋu. Egblɔ be: 'Miyɔe sesĩe ale si miate ŋui. Ðewohĩ edɔ alɔ̃ eye wòhiã be ame aɖe nanyɔe.' Wonɔ Baal yɔm ʋuu va se ɖe ɣetrɔ me. Gake Baal metɔ o.\nEliya tsɔ eƒe vɔsalãa ɖo vɔsamlekpuia dzi eye wòkɔ tsi ɖe edzi. Eye wòdo gbe ɖa be: 'Oo Yehowa, meɖe kuku, na ame siawo nanyae be wòe nye Mawu vavã la.' Enumake Yehowa na dzo tso dziƒo va fiã vɔsalãa. Ameawo do ɣli be: 'Yehowae nye Mawu vavã la!' Eliya gblɔ be: 'Migana Baal ƒe nyagblɔɖilawo nasi o!' Wowu Baal ƒe nyagblɔɖila 450 la gbe ma gbe.\nEsi alilikpo sue aɖe do ɖe yame le atsiaƒua dzi la, Eliya gblɔ na Ahab be: 'Ahom aɖe gbɔna. Tsi lãwo ɖe wò tasiaɖam ŋu nàyi aƒe me.' Alilikpo xe yame yibɔɔ, ya ƒo, eye tsi gã aɖe te dzadza. Mlɔeba kuɖiɖia tɔ. Ahab do eƒe tasiaɖam la sesĩe ale si wòate ŋui. Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu wòƒu du sesĩe wu tasiaɖam la! Gake ɖe Eliya ƒe kuxiwo katã vɔa? Na míakpɔe ɖa.\n\"Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.\"—Psalmo 83:18","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/eliya-kple-baal-%C6%92e-nyagbl%C9%94%C9%96ilawo\/","date":"2019-06-16T12:48:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00442.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981528521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981528520584106}","num_words":434,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ ale si nyatia aɖe vi na woe, eye nàfia wo ale si woawɔ nu si srɔ̃m wole la ŋu dɔ.\nALE SI NÀWƆE:\nBu wò nyaselawo ŋu. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase nya si gblɔ ge nàla la ŋu, eye nàde dzesi nyatia ƒe akpa si aɖe vi na wo wu.\nLe wò nuƒoa alo dɔdeasi bliboa me la, na wò nyaselawo nakpɔ nu si wòle be woawɔ. Tso gɔmedzedzea ke la, na nyasela ɖe sia ɖe nase le eɖokui me be nyaa ka ye. Ne èle nya veviawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, fia wo ale si woawɔ eŋu dɔe. Mègagblɔ nyawo gbadzaa ko o, gblɔ nu si tututu wòle be woawɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/13-vi%C9%96ea-%C5%8Bu-d%C9%94-w%C9%94w%C9%94-nadze-%C6%92%C3%A3a\/","date":"2019-06-19T11:33:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999275744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992757439613342}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.098,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Dziɖulagã Yehowa\nDi be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu.\nEɖo tame kplikpaa be\nYeatsi vlodoamewo nu ɖaa.\nEdo dzi 'teƒe didi,\nDzidzimewo katã me,\nGbɔ dzi ɖi blewu na mí;\nÐeɖi mete 'ŋu o.\nEdi agbe mavɔ na\nAme ƒomevi ɖesiaɖe.\nYehowa ƒe dzigbɔɖi\nMazu dzodzro kpɔ gbeɖe o.\n2. Dzigbɔgbɔ blewu hiã mí\nBe míanɔ agbemɔ la dzi.\nAna míakpɔ dzidzeme\n'Ye míaɖe mɔ na dziku o.\nAna míatsɔ ake faa,\nAŋlɔ vodadawo be,\nAda sɔ nuwɔna me,\nAdo dzi xaxa'o me.\nDzigbɔɖi kple tufafa\nKple nɔnɔme nyui bubu si'o\nMíatu ɖo to gbɔgbɔa dzi\nAna míaɖi mía Mawu la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/114-migb%C9%94-dzi-%C9%96i\/","date":"2019-06-26T20:10:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000545.97\/warc\/CC-MAIN-20190626194744-20190626220744-00214.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9820905924,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9820905923843384, \"ajg_Latn_score\": 0.017929362133145332}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Template:downloadnightly\nAmeɖeke me meɖe article sia gɔme haɖe o. Ne enya alesi SUMO localize na nuwoe la, dze nuwogɔmeɖeɖe fifia. Ne edi be yea srɔ alesi naɖe articlewo gɔme na SUMO la, meɖekuku dze egɔme le afii.\nDownload the installer for your language and system from the Firefox Nightly download page.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-39","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/kb\/templatedownloadnightly","date":"2019-09-17T15:07:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-39\/segments\/1568514573080.8\/warc\/CC-MAIN-20190917141045-20190917163045-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966850281,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966850280761719}","num_words":51,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.186,"stopwords_ratio":0.098,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paya—Atikutsetse si me Wokpɔa Nu Vovovowo Tsona Vavã!\nEtso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Colombia gbɔ\nƑE ALAFA 16 lia me Spaintɔ aʋadziɖulawo mekpɔ etɔgbe kpɔ o. Eƒe lolome kple dzedzeme le abe paya gã ene, gake eƒe amadede kpɔtɔ nyea gbemu ne eɖi hã. Eŋutitsro le bɔlɔbɔlɔ hezrɔ̃, eye wòʋẽna ɖe ƒomevii. Mlɔeba la, wova yɔe le Eŋlisigbe me be avocado (si nye paya), si woɖe tso Aztekgbe me nya ahuacatl me.\nMartín Fernández de Enciso ye tsɔ paya yi Europa nutowo me zi gbãtɔ le ƒe 1519 me. Enciso kpɔ atikutsetsea le afisi nye Santa Marta, Colombia fifia, le Spaintɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Anyiehe Amerika zi gbãtɔawo dometɔ ɖeka me. Le anyigbayeyedidi ƒe ƒe mawo me la, Europatɔwo ɖɔ nuɖuɖu yeye geɖe kpɔ zi gbãtɔ, le paya megbe, siwo dome chocolate, bli, kple yevute hã nɔ.\nGake nuɖuɖu mawo dometɔ aɖeke menye nu yeye ŋutɔŋutɔ o. Amesiwo le Ɣetoɖoƒe Nuto siwo me yame ƒe dzoxɔxɔ nu mesẽ le akpa o nya wo eye woɖua wo ƒe alafawoe nye sia. Amesiwo nɔ nutoawo me gbã la dometɔ aɖewo dea asixɔxɔ paya ŋu ale gbegbe be wozãnɛ wònyea nunana na alɔlélawo eye wotsɔnɛ doa dzaa na amedzrowo hã.\nPayawo Dodo\nEgbea la, wodea payagble le teƒe geɖe siwo yame ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ le alo afisiwo dzoxɔxɔ nu mesẽ le tututu o, siwo dome Australia, Israel, Kenya, New Zealand, North kple South America, kpakple Philippines hã le. Enye anyigba xɔdzowo dzi tikutsetse vevi siwo ade 20 siwo wotsɔ tsaa asi le xexeame katã la dometɔ ɖeka.\nGake paya ƒomevi vovovowo kaka ɖe Amerika nyigba xɔdzowo dzi, wo dometɔ aɖewo ƒe lolome le abe koklozi ene eye ɖewo lolo abe adzametre si melolo akpa o, si ade kilogram 1.8 ene. Woƒe amadede te ŋu toa vovo, tso gbemu dzi va ɖo amadede si biã dzi, eye ɖewo ƒe ŋuti le ƒlatsaƒlatsa eye ade mele wo me o, eye bubuwo tɔ hã le falɛfalɛ hezrɔ̃. Gake woate ŋu ade payagble atrɔ asi le wo ŋu bene payawo ƒe dzedzeme kple nyonyome nanye ɖeka tɔgbe.\nNe payatiawo ƒo se la, wo me yɔna kple seƒoƒo aŋutiɖiɖi akpe geɖe. Gake seƒoƒo siawo dometɔ 1 le 5,000 me koe va zua paya. Nane si le seƒoƒo siawo ŋu si mebɔ o ye nye be akpa si wɔa ʋuʋudedi si naa ati te ŋu tsena kple akpa si kena xɔa ʋuʋudedia siaa le wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Esia ate ŋu ana wòatse ku le eɖokui si hafi, ne menye asitɔtrɔlenuŋumɔnu wɔnuku aɖee le payatia me si wɔnɛ be akpa eve siawo wɔa dɔ le ɣeyiɣi vovovowo me o.\nEyata ati aɖewo ƒe seƒoƒowo kena ɖi hexɔa ʋuʋudedi ne ɣe dze le ŋdi me, eye wotuna le ɣeɖota. Emegbe seƒoƒo siawo ke gakena heʋuʋua seƒoƒo ŋu ʋuʋudediwo le fiẽ me. Ati bubu siwo le nuto ma me ya ʋuʋua ʋuʋudedi ne ɣe dze eye wokena xɔa ʋuʋudedi le fiẽ boŋ. Kutsetse dzea egɔme ne ati si le seƒoƒo ŋu ʋuʋudedi wɔm gogo ati si le ʋuʋudedi xɔm le ɣeyiɣi ma ke me. Anyiwo alo nudzodzoe bubuwo hã wɔa akpa vevi aɖe le ʋuʋudedi lɔlɔ tso ati aɖe me yi bubu me me. Eyata nuwɔwɔ aduadu ƒe kadodo nyadri aɖe le ɣe ƒe keklẽ, dzoxɔxɔ, nudzodzoewo, ya, kple teƒe si wole dome si wɔnɛ be atikutsetse sia tsena.\nNunyiame le Eme eye Eɖea Vi Geɖe\nNunyiame le paya me ŋutɔ, protein, riboflavin, niacin, potassium, kple vitamin C, sɔ gbɔ ɖe eme ŋutɔ. Wogblɔ be ne mede ɖeke o hã la, vitamin 11 kple ŋutilãtuɖonu 14 ya teti le eme. Le Central America ƒe akpa aɖewo la, wobua paya ɖuɖu kple akpɔnɔ siwo me wode lãtutui, be enye nuɖuɖu adodoe. Ami geɖe hã le paya me, eye eƒe ami de sɔsɔ ge kple amiti ƒe ami le go sia me be ami matomato si le kpekẽ ye le eme. Wozãna eƒe ami tsɔ wɔa adzalẽ kple atsyɔ̃ɖomiwo hãe.\nViɖe le payati ƒe akpa ɖesiaɖe kloe ŋu. Wotsɔa atia doa dzoe. Wozãna eƒe ku tsɔ dea ama avɔ le South America, le esi tsi si le kua me ɖina ɖe nu me ɖikaa ta. Le Philippines ƒe akpa aɖewo la, wozãna eƒe aŋgbawo tsɔ wɔa tii. Wogblɔ be woate ŋu azã atia ƒe akpa atsɔ ade ama lãgbalẽe.\nAtikutsetsea Ƒeƒle Kple Eɖuɖu\nNe èyi be yeaƒle paya le asime la, mègatsɔ woƒe ŋutitsro ƒe amadede akpɔ woƒe ɖiɖime o, elabena paya ƒomevi vovovoawo ƒe amadede to vovo. Mia atikutsetsea vie kpɔ. Ne ebɔbɔ vie la, ke eɖi. Ele be woada paya ɖe teƒe si mexɔ dzo akpa o, si ya ƒona tona nyuie, eye àte ŋu ana wòaɖi kaba ne èbla wo ɖe pepa me. Woate ŋu ade wo nufamɔ̃ me, ne wofee megbe gɔ̃ hã. Dɔŋutitsi fiafiã ɖe eme le efefe megbe ana be eme mabiã ne wodae ɖi o.\nAme geɖe lɔ̃a paya ɖuɖu kple aŋutiwo alo tomato. Woate ŋu ana woalé aɖe nyuie ne wotsɔ nuvivinu alo nuʋeʋĩwo de eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, paya léa aɖe nyuie ne wotsɔe ɖu bɔlu alo agalã, eye woate ŋu ade paya salad vovovowo me. Ame aɖewo tsɔnɛ tsakana kple atikutsetse bubuwo tsɔ wɔa nunono nyui aɖee.\nNe wotsɔ paya tsaka kple nuɖuɖuvivinuwo kpakple atadiwɔnu bubuwo tsɔ ɖu akpɔnɔe la, eléa aɖe nyuie ŋutɔ. Gake esi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o ye nye guacamole si ame geɖe meƒoa asi o, si wotsɔa paya, tomato, sabala, atadi mumu, kple nuɖuɖuvivinuwo wɔe. Woate ŋu atsɔ atikutsetsea aɖu nuɖuɖu siwo woɖa hã, wòanye nuɖuɖua ƒe akpa aɖe. Le ema gome la, wotsɔnɛ kpena ɖe nuɖuɖua ŋu ne nua bi vɔ be dzoxɔxɔ nagaɖo eme o.\nÐewohĩ paya nye wò nuɖuɖu ƒe akpa vevi aɖe xoxo. Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo la, anye atikutsetse dzroame tɔxɛ aɖe si mebɔ o. Ne mèɖu paya kpɔ o la, nukata màɖɔe akpɔ ne èva ke ɖe ɖe ŋu ɣebubuɣi o. Àkpɔe be atikutsetse sia si me nunyiame vovovowo le la vivina hã nyateƒe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000108\/Paya-Atikutsetse-si-me-Wokp%C9%94a-Nu-Vovovowo-Tsona-Vav%C3%A3\/","date":"2020-01-24T02:46:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250614880.58\/warc\/CC-MAIN-20200124011048-20200124040048-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986342192,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986342191696167}","num_words":982,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wòanya wɔ be míanɔ agbe tegbeea?\nAme gbãtɔ Adam nɔ agbe ƒe alafa geɖewo. Gake eva tsi, ku amegã heku. Tso ɣemaɣi la, amegbetɔwo te mɔnu vovovowo kpɔ be woana yewoanɔ agbe ɖaa. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo taɖodzinu ma gbɔ o. Nu ka tae? Esi Adam gbe toɖoɖo Mawu hewɔ nu vɔ̃ tae wòva tsi ku amegã heku ɖo. Egbea, míawo hã míetsina kua amegã hekuna elabena míenyi nu vɔ̃ kple emetsonu, si nye ku, la dome tso Adam gbɔ.—Xlẽ 1 Mose 5:5; Romatɔwo 5:12.\nEhiã be ame aɖe naxe mía tafe hafi míate ŋu ava nɔ agbe tegbee. (Hiob 33:24, 25) Tafe nye fe si woxena ɖe ame aɖe si wolé la ta be woaɖe asi le eŋu, gake le míawo ya gome la, woaxe fe sia atsɔ aɖe mí tso ku si me. (2 Mose 21:29, 30) Yesu xe tafe ma esi wòva ku ɖe mía ta.—Xlẽ Yohanes 3:16.\nNu kae míawɔ hafi anɔ agbe tegbee?\nMenye ame sia amee woaɖe tso tsitsi kple dɔléle si me o. Le nyateƒe me la, ame siwo gbe toɖoɖo Mawu abe Adam ene la makpɔ agbe mavɔ o. Ame siwo Mawu kpɔ be wodze yeatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo koe akpɔ agbe mavɔ.—Xlẽ Yesaya 33:24; 35:3-6.\nHafi woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, ele be míaɖe afɔ aɖewo. Ele be míanya Mawu to eƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ dzi. Eƒe Nya la fia ale si míawɔ anɔ agbe ɖɔʋu be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míakpɔ agbe mavɔ la mí.—Xlẽ Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 3:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130701\/%C9%96e-w%C3%B2anya-w%C9%94-be-m%C3%ADan%C9%94-agbe-tegbeea\/","date":"2020-01-26T15:23:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251689924.62\/warc\/CC-MAIN-20200126135207-20200126165207-00161.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983608723,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983608722686768}","num_words":247,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.174,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI tɔdziʋua zɔ mɔ tso Brazil ɖo ta Europa eye Atlantik ƒutsotsoewo nɔ ʋua lɔm la, mɔzɔlawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye George Young la tsɔ dzidzɔ bu kutsetse nyui siwo do tso Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wòwɔ le Brazil la ŋu. * Gake esi wonɔ mɔa dzi la, Nɔviŋutsu Young trɔ susu ɖe eƒe dɔdeasi yeye si nye be wòaɖaɖe gbeƒã le Spain kple Portugal ƒe anyigbamama siwo ƒe akpa gãtɔ womekpɔ ɖe gbeƒã le haɖe o la ŋu. Enɔ mɔ kpɔm be ne yenya ɖo ko la, yeawɔ ɖoɖo ne Nɔviŋutsu J. F. Rutherford nava ƒo Biblia me nuƒowo eye yeama trakt 300,000 sɔŋ!\nEsi Nɔviŋutsu Young va ɖo Lisbon le ƒe 1925 ƒe adame la, ʋunyaʋunyawo nɔ edzi yim le dua me. Tɔtrɔ kpata si dukɔa me viwo he vɛ le dziɖunyawo me le ƒe 1910 me la wɔe be fiaƒome ƒe dziɖuɖuɖoɖoa nu yi, eye Katolikohaa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi la dzi ɖe kpɔtɔ. Ablɔɖe geɖe wu va su dukɔmeviwo si, gake zitɔtɔ gakpɔtɔ nɔ edzi yim le dukɔa me.\nLe ɣeyiɣi si me Nɔviŋutsu Young wɔ ɖoɖo ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa ŋu lɔƒo la, ame aɖewo tee kpɔ be yewoaɖe dukplɔlaa le zi dzi sesẽe, si wɔe be dziɖuɖua asrafowo do be woakpɔ egbɔ be nu sia nu yi edzi nyuie le dua me. Habɔbɔ aɖe si taa Biblia, si nye Bristish and Foreign Bible Society la ƒe agbalẽŋlɔla xlɔ̃ nu Nɔviŋutsu Young be ado go tsitretsiɖeŋu geɖe. Togbɔ be enɔ alea hã la, Nɔviŋutsu Young bia mɔ be yewoazã Camões Sekɛndrisuku (lycée) ƒe kamedeƒea, eye woɖe mɔ nɛ!\nAzɔ May 13 lia si dzi Nɔviŋutsu Rutherford aƒo nu le la ɖo. Amewo nɔ mɔ kpɔm vevie! Wozã ʋuƒo siwo woklã ɖe xɔwo ŋu kple nyadzɔdzɔgbalẽwo tsɔ do boblo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye \"Ale Si Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee Le Anyigba Dzi.\" Subɔsubɔha siwo tsi tsitre ɖe ɖoɖoa ŋu la wɔ kaba ta nyati aɖe ɖe woƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me tsɔ xlɔ̃ nu exlẽlawo be woakpɔ nyuie le \"aʋatsonyagblɔɖila\" siwo va ɖo dua me la ŋu. Tsitretsiɖeŋula siawo va tsi tre ɖe kamedeƒea ƒe agbo nu henɔ agbalẽvi akpe geɖe siwo me woƒo nu tsi tre ɖe nyati siwo ŋu Nɔviŋutsu Rutherford fiaa tsoe ŋu le la mam.\nKe hã, ame 2,000 sɔŋ yɔ teƒea taŋ, eye wona ame akpe eve bubu trɔ dzo le esi womekpɔ nɔƒe o ta. Nyasela aɖewo siwo dzi nuƒoa me nyawo nɔ dɔ wɔm ɖo la ku ɖe atsrɔe siwo wotsɔ ka gbii, siwo nɔ fefewɔƒea ƒe axawo dzi la ŋu; ɖewo hã nɔ gakpo siwo wotsɔ dea kamee la tame.\nNanewo meyi edzi nyuie o. Tsitretsiɖeŋulawo nɔ ɣli dom eye woŋe zikpuiwo. Ke hã, ɖeko Nɔviŋutsu Rutherford ɖe dzi ɖi eye wòde kplɔ̃ aɖe dzi ale be amewo nate ŋu ase eƒe gbe nyuie wu. Esi wòwu nuƒoa nu le zãtitina lɔƒo megbe la, ɖetsɔlemetɔ siwo wu ame 1,200 sɔŋ la va ŋlɔ woƒe ŋkɔwo kple adrɛswo ɖi be yewoaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Le ŋkeke si kplɔe ɖo tututu dzi la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si ŋkɔe nye O Século la ta Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa me nyawo.\nKaka September ƒe 1925 naɖo la, wote Gbetakpɔxɔ tata ɖe Portugalgbe me le Portugal. (Gake wota Gbetakpɔxɔ ɖe Portugalgbe me kpɔ le Brazil.) Ɣeyiɣi si wote Gbetakpɔxɔ tata le Portugal lɔƒo mee Biblia Nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Virgílio Ferguson dze ɖoɖowɔwɔ gɔme be yeaʋu aɖakpe asi ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Portugal. Ewɔ dɔ kple Nɔviŋutsu Young kpɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe alɔdzedɔwɔƒe sue si nɔ Brazil. Eteƒe medidi o, Virgílio kple srɔ̃a Lizzie woɖo tɔdziʋu dze mɔ be yewoaɖawɔ ɖeka kple Nɔviŋutsu Young ake. Nɔviŋutsu Ferguson va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabe Nɔviŋutsu Young le dzodzo ge kpuie aɖaɖe gbeƒã le Soviet Union kple teƒe bubuwo.\nEsi asrafowo ɖe dukplɔla xoxoa ɖa heɖo dzizizidziɖuɖu anyi le Portugal la, tsitretsiɖeŋua nu sẽ ɖe edzi. Nɔviŋutsu Ferguson wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòkpɔtɔ nɔ dukɔa me, eye ewɔ nu siwo hiã tsɔ kpɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe ƒuƒoƒo suea ta, eye wòdo ŋusẽ wo be woayi dɔa dzi. Ebia mɔ le setɔwo gbɔ be woaɖe mɔ na yewo ne yewoate ŋu awɔ kpekpewo edziedzi le ye ƒe me. Le October 1927 me la, wona mɔe.\nLe dzizizidziɖuɖua ƒe ƒe gbãtɔ me la, Portugaltɔ siwo ade 450 sɔŋ la bia be woanɔ Gbetakpɔxɔ ɖom ɖe yewo ɣleti sia ɣleti. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woto traktwo kple agbalẽviwo dzi na Biblia me nyateƒea kaka ɖe dukɔ siwo le adzɔge ʋĩi, siwo le Portugal Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ te, siwo nye Angola, Azores, Cape Verde, East Timor, Goa, Madeira kple Mozambique la me.\nLe ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Portugaltɔ agbledela ɖokuibɔbɔla aɖe si ŋkɔe nye Manuel da Silva Jordão la va Lisbon. Esime wònɔ Brazil la, ese Nɔviŋutsu Young ƒe nuƒo aɖe. Ede dzesi nyateƒea enumake, eya ta, edi vevie be yeakpe ɖe Nɔviŋutsu Ferguson ŋu yewoakeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu. Be wòate ŋu awɔe esia la, Manuel va zu nyanyuikakala, si míeyɔna fifia be mɔɖela. Esi wova wɔ ɖoɖo ɖe agbalẽtata kple wo mama ŋu nyuie ta la, hame yeye si le Lisbon la te ŋu kpɔ dzidzedze geɖe!\nLe ƒe 1934 me la, eva hiã be Nɔviŋutsu Ferguson kple srɔ̃a natrɔ ayi Brazil. Ke hã, woƒã nyateƒea ƒe kuwo ɖe dukɔa me. Togbɔ be nuwo tɔ zi le Europa esi Spaniatɔwo Ƒe Dukɔmeviʋa kple Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim hã la, nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo si nɔ Portugal la yi edzi wɔ nuteƒe henɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me. Wonɔ abe dzoka xɔxɔwo ko ene hena ɣeyiɣi aɖe, gake wova nɔ abe dzo si wotu ɖo wòlé nyuie ene esi John Cooke, va ɖo le ƒe 1947 me. Eyae nye dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead Sukua me la dometɔ gbãtɔ si va dukɔa me. Tso ɣemaɣi la, ɖeko Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo va nɔ dzidzim ɖe edzi eteƒe mekɔ o. Esi dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le ƒe 1962 me gɔ̃ hã la, ɖeko woganɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Esi wova da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le se nu le December ƒe 1974 me la, gbeƒãɖela siwo nɔ dukɔa me la wu 13,000.\nEgbea, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 50,000 la le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le Portugal kple ƒukpo gbogbo siwo dzi wodoa Portugalgbe, siwo dome Azores kple Madeira hã le la dzi. Gbeƒãɖela siawo dometɔ aɖewo nye ame siwo yi ɖase Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo ɖedzesia le ƒe 1925 me la ƒe dzidzime etɔ̃lia.\nMíeda akpe na Yehowa kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla mawo siwo ƒo dzi nɔ eye woxɔ ŋgɔ hekeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu abe 'Kristo Yesu ƒe dutoƒo subɔlawo na dukɔwo' ene.—Rom. 15:15, 16.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Portugal.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-august-2018\/ale-si-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94a-dze-eg%C9%94me-le-portugal\/","date":"2020-01-21T06:11:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601615.66\/warc\/CC-MAIN-20200121044233-20200121073233-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988397956,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998839795589447}","num_words":1092,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2020\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso March 2 va se ɖe April 5, 2020, la le tata sia me.\nƑe 2020 ƒe mawunyakpukpuia akpe ɖe mía ŋu míatsɔ susu aɖo nu si míawɔ be míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi la ŋu.\nSrɔ̃ nu tso nɔnɔme nyui etɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu ahanye akɔfafa gã aɖe na wo la ŋu.\nNe dɔléle, gakuxi sesẽwo, alo tsitsimekuxiwo na nu te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã la, mina míaɖo ŋku edzi be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso lɔlɔ̃ si le mía Fofo si le dziƒo la si na mí la gbɔ o.\nAleke ame aɖe awɔ anya be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ye? Nu kawoe dzɔna ne Yehowa tia ame aɖe be wòava nɔ agbe le dziƒo?\nAleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo aɖu kpɔɖeŋunuawo fiẽ ma la ŋu? Ðe wòle be wòaɖe fu na mí ne ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-january-2020\/","date":"2020-01-17T17:06:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250589861.0\/warc\/CC-MAIN-20200117152059-20200117180059-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979245067,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979245066642761}","num_words":171,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Toñi, si léa be na dɔnɔwo kple ɖeviwo la ƒo agbonugaa, eye nyɔnu aɖe va ʋu agboa. Nyɔnua dzu Toñi eteƒe mekɔ o, eye wòhe nya ɖe eŋu be meva kaba va lé be na ye dada tsitsia o. Menye ɖe Toñi tsi megbe va dɔa me hafi o. Ke hã, Toñi ɖe kuku na nyɔnua tufafatɔe le masɔmasɔ ma ta.\nESI Toñi gava dɔme ɣebubuɣi la, nyɔnua gahe nya ɖe eŋu dzikutɔe ake. Aleke Toñi wɔ nui? Egblɔ be: \"Esesẽ nam ŋutɔ. Susu aɖeke meli si tae wòle be nyɔnua nanɔ dzuyem nenema o.\" Ke hã, Toñi gaɖe kuku nɛ ake, eye wògblɔ na nyɔnua be yese egɔme be ele nɔnɔme sesẽwo me tom.\nNe wòe nye Toñi ɖe, aleke nèsusu be yeawɔ nui? Ðe nàdze agbagba awɔ nu le tufafa mea? Ðe wòasesẽ na wò be nàɖu ɖokuiwò dzia? Ðikeke mele eme o be, manɔ bɔbɔe be nàɖu ɖokuiwò dzi le nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe la me o. Ne míeɖo nɔnɔme mawo tɔgbi me alo wodo dziku na mí la, esesẽna ŋutɔ be míayi edzi awɔ nu tufafatɔe.\nGake Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woafa tu. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la tsɔa nɔnɔme nyui sia sɔna kple nunya. Yakobo bia be: \"Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome?\" Eye wòyi edzi gblɔ be: \"Netsɔ agbenɔnɔ nyui ɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia, newɔe kple tufafa si tso nunya me.\" (Yak. 3:13) Mɔ ka nue tufafa nye nunya si tso dziƒo ƒe dzesi le? Eye nu kae akpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyui sia nasu mía si?\nNU SI TA NUNYA LE EME BE WOAFA TU\nTufafa ate ŋu atsi dziku nu. \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.\"—Lod. 15:1.\nNuwɔwɔ le dziku me ate ŋu ana nuwo nagblẽ ɖe edzi elabe ɖeko wòƒlɔa dzo ɖe dzre te. (Lod. 26:21) Gake, zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo fafɛ tea ŋu tsia dziku nu. Eye ate ŋu ana ame si ƒe nya me sẽ gɔ̃ hã ƒe dzi nafa.\nToñi kpɔ esia teƒe. Ale si Toñi ɖo nya ŋu tufafatɔe la na nyɔnua de asi avifafa me. Nyɔnua gblɔ be kuxi siwo me tom yele kple ƒomea ƒe kuxiwo na nu te ɖe ye dzi. Toñi ɖi ɖase na nyɔnua nyuie, eye nyɔnua lɔ̃ faa be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye, le esi Toñi wɔ nu ɖe eŋu le tufafa kple dɔmefafa me ta.\nTufafa ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ. \"Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.\"—Mat. 5:5.\nNu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ? Ame siwo nye dɔmedzoetɔwo tsã la le dzidzɔ kpɔm fifia le esi wodo tufafa abe awu ene. Woƒe agbenɔnɔ ganyo ɖe edzi, eye wole mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. (Kol. 3:12) Adolfo si nye nutome sue dzikpɔla le Spain la ƒo nu tso ale si wònɔa agbeae tsã hafi wòva xɔ nyateƒea ŋu.\nAdolfo gblɔ be, \"Taɖodzinu gbagbe aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Nye dziku flana ɣesiaɣi ale gbegbe be xɔ̃nyewo dometɔ aɖewo vɔ̃am le nye dada kple adãwɔwɔ ta. Nane dzɔ si na mekpɔe be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ. Gbe ɖeka nye kple ame aɖe míeda kɔ butubutu ŋutɔ eye wotɔ num kutɔkutɔe. Ʋu do le ŋunye ale gbegbe be meku kloe.\"\nGake fifia, Adolfo to nyagbɔgblɔ kple agbenɔnɔ me le nu fiam amewo be woafa tu. Eƒe nuwɔwɔ ɖe ame ŋu vividoɖeameŋutɔe wɔe be eƒe nu léa dzi na ame geɖe. Adolfo gblɔ be yele dzidzɔ kpɔm le tɔtrɔ siwo gbegbe yete ŋu wɔ ta. Eye edaa akpe na Yehowa be ekpe ɖe ye ŋu yete ŋu fa tu.\nTufafa doa dzidzɔ na Yehowa. \"Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye.\"—Lod. 27:11.\nNe woagblɔe la, Abosam si nye Yehowa ƒe futɔ gãtɔ la, le alɔme ɖem le Yehowa ŋu. Yehowa kpɔ mɔ ado dziku helĩhelĩ ɖe Satana ƒe nuwɔwɔ le eŋu amemabumabutɔe la ta, ke hã, Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be \"medoa dziku kabakaba o.\" (2 Mose 34:6) Ne míedze agbagba srɔ̃ Yehowa ƒe tufafa eye míebia dzi kabakaba o la, míele nu wɔm le nunya me. Eye esia doa dzidzɔ na Yehowa ale gbegbe.—Ef. 5:1.\nEgbea, xexea me katã yɔ kple anyrawɔwɔ. Míedoa go ame siwo nye \"adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo. . . ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo.\" (2 Tim. 3:2, 3) Ke hã, mele be esia naxe mɔ na Kristotɔ be wòaganye ame fatu o. Mawu ƒe Nya la ɖoa ŋku edzi na mí be 'nunya si tso dziƒo la . . . wɔa ŋutifafa, esea nu gɔme.' (Yak. 3:17) Ne míewɔa ŋutifafa eye míesea nu gɔme la, esia fia be mawumenunya su mía si. Nunya sia aʋã mí be míawɔ nu tufafatɔe ne wodo dziku na mí, eye esia ana mía kple Yehowa, nunyawo katã Tsoƒe la, dome nava nɔ kplikplikpli.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2016\/tufafa-nunyam%C9%94-w%C3%B2nye\/","date":"2020-01-19T14:07:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594603.8\/warc\/CC-MAIN-20200119122744-20200119150744-00477.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966183901,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996618390083313}","num_words":797,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÈSUSU?\nNu siwo ŋu wonya nu tsoe nyuie le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me dometɔ ɖekae nye sɔdola ene siwo ŋu wòƒo nu tsoe. Wonana ame aɖewo vɔ̃na. Gake wodzɔa dzi na ame bubuwo ya. Se nya si Biblia gblɔ tso nyagblɔɖi siawo ŋu ɖa:\n\"Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo sesĩe kple ame siwo sea wo.\"—Nyaɖeɖefia 1:3.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si sɔdola eneawo ƒe ŋutinya ate ŋu ahe nu nyuiwo vɛ na míi la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2017-may\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2020-01-24T11:25:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250619323.41\/warc\/CC-MAIN-20200124100832-20200124125832-00362.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985292554,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985292553901672}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\n\"Teƒe Bubue Nye Esia Nèyɔ\"\nLE Johannesburg, South Africa la, Leslie kple Caroline nɔ ɖase ɖim le telefon dzi, le dzudzɔxɔlawo ƒe nuto aɖe si me wodzɔa agbowo ŋu le vevie me. Ame ʋɛ aɖewo ko ŋue woke ɖo le aƒeawo me eye wometsɔ ɖe le woƒe Kristotɔwo ƒe gbedasia me boo o, eyata dzi ɖo Caroline ƒo esime aƒenɔ aɖe tsɔ telefon la.\nCaroline bia be: \"Aƒenɔ B—ye nye maa?\"\nGbe bɔbɔe aɖe xɔ edzi be: \"Ao, ŋkɔnye enye Aƒenɔ G—. Teƒe bubu enye esia nèyɔ.\"\nEsi Caroline se alesi nyɔnua ƒo nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la, egblɔ be: \"Enyo, ke na maɖe nya si medi be magblɔ na Aƒenɔ B—la dzi na wò.\" Eyi edzi ƒo nu nɛ tso yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna ahe vɛ la ŋu. Esi wòwɔ ɖoɖo kplii be yeatsɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ayi nɛ vɔ la, Aƒenɔ G— bia be: \"Mabia lo, subɔsubɔha ka mee nèle?\"\nCaroline ɖo ŋu be: \"Yehowa Ðasefowoe míenye.\"\n\"Tsoo, nyemele subɔsubɔha ma gbɔ o! Nyemeka ɖe edzi be mele mia dim o.\"\nCaroline ƒo koko nɛ be: \"Gake Aƒenɔ G—, le aɖabaƒoƒo 20 siwo va yi me la, meƒo nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnukutɔ kekeake ŋu na wò, eye meɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ na ameƒomea kpuie la fia wò tso Biblia me. Dzi dzɔ wò ŋutɔ esi nèse nya siawo—eye nègli kple dzidzɔ—hedi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe akpee. Ðe nènya nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋua? Ameka gbɔe nàyi ne èdze dɔ, ʋudzraɖola gbɔ loo?\" Ðe màna maɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse me na wò oa?\nEtɔ sẽe heɖo eŋu be: \"Ewɔ nam be tɔwò dzɔ. Anyo be nàva. Gake eme nekɔ na wò be màte ŋu atrɔm akpɔ gbeɖe o!\"\nCaroline ɖo eŋu be: \"Aƒenɔ G—, ne medi be matrɔ wò gɔ̃ hã la, nyemate ŋui gbeɖe o. Yehowa ɖeka koe ate ŋu awɔ esia.\"\nEte ŋu yi egbɔ ɖatsɔ agbalẽ gbadza la nae, eye Aƒenɔ G— (Betty) lɔ̃ be wòagava srã ye kpɔ ɣebubuɣi. Esi Caroline trɔ yi la, Betty gblɔ nɛ be yegblɔ na amesiwo ɖua nu kple ye le kplɔ̃ ŋu be Yehowa Ðasefowo le nu me dzrom kple ye. Wokpla asi ta hebia be: \"Nukata nèɖe mɔ na wo ɖo? Ame mawo mexɔ Yesu dzi se gɔ̃ hã o!\"\nEnumake Caroline ɖo ŋku nya vevi aɖe si wosrɔ̃ le woƒe numedzodzro mamlɛtɔ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu me na Betty.\nCaroline biae be: \"Amekae anye eƒe Fia la?\"\nBetty ɖo eŋu be \"Aleke wɔ, Yesue ɖe.\"\nCaroline gblɔ be: \"Nenema tututue.\" Eyi edzi ɖe nu me nɛ be Yehowa Ðasefowo xɔe se be Yesu nye Mawu ƒe Vi, gake mesɔ kple Mawu henye Mawuɖekaetɔ̃ aɖe ƒe akpa aɖeke o.—Marko 13:32; Luka 22:42; Yohanes 14:28.\nLe sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo megbe la, eva dze kɔte be susu nyui le Betty si, eye dzi le edzɔm, gake lãmegbegblẽ nɔ fu ɖem nɛ. Le nyateƒe me la, kansa nɔ eŋu eye wònɔ vɔvɔ̃m be yeava ku. Eʋu eme be: \"Ame aɖe kpɔ be ɖe mese nya siawo ƒe aɖewo va yi eye mexɔ Mawu dzi se alea.\" Caroline fa dzi nɛ kple ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo ɖɔ ku be ele abe alɔ̃ si wodɔ yi eme ʋĩ si me ame ate ŋu afɔ le to tsitretsitsi me ene. (Yohanes 11:11, 25) Esia de dzi ƒo na Betty ŋutɔ, eye fifia ele gome kpɔm le Biblia-nusɔsrɔ̃ me edziedzi. Eƒe lãme si le gbegblẽm ɖe edzi koe xe mɔ nɛ be wòava kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me.\nCaroline gblɔ be: \"Mekpɔe dze si be mawudɔlawoe le mɔ fiam dɔ sia. 'Menye Betty ye wonɔ kaa ƒom na hafi o,' gawu la, ƒe 89 ye wòxɔ!—Nyaɖeɖefia 14:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011201\/Te%C6%92e-Bubue-Nye-Esia-N%C3%A8y%C9%94\/","date":"2020-01-19T00:20:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593994.14\/warc\/CC-MAIN-20200118221909-20200119005909-00493.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981315732,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981315732002258}","num_words":614,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 1 Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi, eƒe dzidzime lae nye esi. 2 Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo. 3 Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar, Hezrɔn fofoe nye Perez, Hezrɔn hã dzi Ram 4 Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Nahesɔn, Nahesɔn dzi Salmo, 5 Salmon hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, eye Obed dadae nye Rut, Obed dzi Yese. 6 Yese dzi Fia David, David dzi Salomo, Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ, 7 Salomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa, 8 Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia, 9 Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia, 10 Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amɔn, Amɔn dzi Yosia, 11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo. Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia. 12 Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel, 13 Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ, 14 Azɔ dzi Zadɔk, Zadɔk dzi Akim, Akim dzi Elihud, 15 Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakɔb, 16 eye Yakɔb dzi Yosef. Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃. 17 Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene, nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene. 18 Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. 19 Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o. 20 Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, \"Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi eye nàna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye 'Ɖela', elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me.\" 22 Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena, 23 \"Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, 'Imanuel' \" si gɔmee nye, \"Mawu li kpli mí.\" 24 Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25 Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be \"Yesu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/live.bible.is\/bible\/EWEIBS\/MAT\/1","date":"2020-01-22T17:25:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250607314.32\/warc\/CC-MAIN-20200122161553-20200122190553-00238.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990270138,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":11,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990270137786865}","num_words":453,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso Samuel ƒe ɖevime la, avɔgbadɔa mee wònɔ eye afi mae wòwɔa dɔ le. Avɔgbadɔ sia mee amewo va subɔa Yehowa le. Ènya nu si dzɔ hafi Samuel va tsi avɔgbadɔa mea? Gbã la, na míasrɔ̃ nu tso Xana si nye Samuel dada ŋu.\nƑe gbogbo aɖewo va yi Xana medzi vi aɖeke o togbɔ be edi vevie be yeadzi vi hã. Eya ta edo gbe ɖa na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ na Yehowa be ne yedzi ŋutsuvi la yeana wòayi avɔgbadɔa me eye wòawɔ dɔ le afi ma. Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa ŋu nɛ, eye Xana dzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔ ɖevia be Samuel. Esi Samuel xɔ ƒe etɔ̃ alo ƒe ene la, Xana kplɔe woyi avɔgbadɔa me be wòasubɔ Mawu le afi ma abe ale si wòdo ŋugbe ene.\nEli ye nye nunɔlagã le avɔgbadɔa me. Via ŋutsu eveawo hã wɔa dɔ le afi ma. Ðo ŋku edzi be avɔgbadɔe nye Mawu ƒe aƒe, afi si amewo subɔa Mawu le, ele be ame siwo nɔa afi ma la nawɔ nu nyui. Gake Eli ƒe viwo wɔa nu gbegblẽwo. Samuel kpɔ nu siwo wonɔ wɔwɔm. Ðe Samuel hã wɔa nu gbegblẽ siwo Eli ƒe viwo wɔna?— Ao, eyi edzi wɔ nu nyui abe ale si edzilawo fiae ene.\nLe wò susu nu la, nu kae wòle be Eli nàwɔ na via eveawo hafi?—Ðe wòle be wòahe to na viawo. Mele be wòaɖe mɔ na wo be woagawɔ dɔ le Mawu ƒe aƒea me azɔ o. Gake Eli mewɔ nu ma o. Eya ta Yehowa do dziku ɖe Eli kple via ŋutsu eveawo ŋu. Yehowa ɖoe be yeahe to na wo.\nGbe ɖeka zã me, esi Samuel nɔ alɔ̃ dɔm la, ese ame aɖe yɔe be: 'Samuel!' Eƒu du yi Eli gbɔ, ke Eli gblɔ nɛ be: \"Nyemeyɔ wò o.\" Esia dzɔ zi eve sɔŋ. Esi wògadzɔ zi etɔ̃lia la, Eli gblɔ na Samuel be ne egase gbea la, negblɔ be: 'Yehowa meɖe kuku, ƒo nu! Wò dɔla kè to ɖi.' Alea tututue Samuel wɔ. Eye Yehowa gblɔ na Samuel be: 'Gblɔ na Eli be mahe to na eƒe ƒomea godoo le nu gbegblẽ siwo wowɔ la ta.' Èsusu be enɔ bɔbɔe na Samuel be wòagblɔ nya sia na Elia?— Ao, menɔ bɔbɔe nɛ o. Togbɔ be Samuel nɔ vɔvɔ̃m hã la, ewɔ nu si Yehowa gblɔ nɛ be wòawɔ. Nya si Yehowa gblɔ la va eme pɛpɛpɛ. Wowu Eli viŋutsu eveawo, eye Eli ŋutɔ hã ku.\nSamuel ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí. Ewɔ nu nyui togbɔ be ekpɔ ame bubuwo nɔ nu gbegblẽ wɔm hã. Ke wò ya ɖe? Ànɔ abe Samuel ene ayi edzi anɔ nu nyui wɔma? Ne èyi edzi le nu nyui wɔm la, àna Yehowa kple dziwòlawo siaa nakpɔ dzidzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/samuel-yi-edzi-w%C9%94-nu-nyui\/","date":"2020-01-28T20:58:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251783000.84\/warc\/CC-MAIN-20200128184745-20200128214745-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945858717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9945858716964722}","num_words":462,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AFƆKU dziŋɔ ka gbegbee nye esi dzɔ ɖe ameƒomea dzi tso gɔmedzedzea me ke! Mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Ewɔla ƒe dziɖuŋusẽ ŋu. Aglãdzela sia ƒoe ɖe nyɔnu gbãtɔ, Xawa, nu be wòaɖu atikutsetse si ŋuti wode se ɖo nɛ la. Mawudɔla ma gblɔ na Xawa kple srɔ̃a, Adam, bena: \"Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.\" (Mose I, 2:16, 17; 3:1-5) Wovayɔ Mawudɔla dzeaglã sia be Abosam kple Satana.—Nyaɖeɖefia 12:9.\nÐe Xawa wɔ ɖe Satana ƒe nyaƒoɖeamenua dzia? Biblia gblɔ be: \"Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, enya kpɔ ale gbegbe, eye wòdzroa ame ŋutɔ la, egbe eƒe tsetse aɖe heɖu, eye esi srɔ̃a va egbɔ la, ena eya hã wòɖu.\" (Mose I, 3:6, NW) Ẽ, atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, kpe ɖe Satana ŋu le eƒe aglãdzedzea me. Nusi do tso emee nye be woa kple woƒe dzidzimeviwo siaa megava nɔ Paradiso me o. Le esi teƒe be woadzi vi deblibo siwo anɔ agbe tegbee la, wo viawo va nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome boŋ.—Romatɔwo 5:12.\nAleke Yehowa Mawu, amesi nye xexeame katã ƒe Dziɖulagã la, wɔ nui? Ewɔ ɖoɖo ɖe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke ŋu. (Romatɔwo 5:8) Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo ɖe dziɖuɖu aɖe si dzi wòato akpɔ kuxia gbɔ hã ŋu. Dziɖuɖu siae woyɔ be \"Mawufiaɖuƒe la.\" (Luka 21:31) Tameɖoɖo vevi aɖe tae Mawu ɖo Fiaɖuƒe sia, si nye eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa aɖe la, anyi ɖo.\nTameɖoɖo kae le Mawufiaɖuƒea ŋu? Nukawoe nye eƒe akpa aɖewo, eye vovototo kae le eƒe akpa vovovoawo kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo tɔwo dome? Ɣekaɣie Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme? Woadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060715\/nu-kae-nye-mawu-fia%C9%96u%C6%92ea\/","date":"2020-02-25T03:31:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146004.9\/warc\/CC-MAIN-20200225014941-20200225044941-00409.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983401895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983401894569397}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ablɔɖe Vavã Na Mayawo\nWONYA Mayawo le woƒe dɔ siwo wowɔ le blema la ta. Ƒe sia ƒe la, modzakaɖetsaɖilawo zɔa mɔ yia Mexico ƒe Yucatán Ƒukpo Afã la dzi ɖakpɔa piramid gãwo (xɔ ƒomevi aɖewo siwo tame le tsutsũe), abe esiwo le Chichén Itzá kple Cobá ene. Mayawo xɔ ŋkɔ le woƒe mɔɖaŋununya, kple ale si wokpɔ dzidzedze le agbalẽŋɔŋlɔ, akɔntabubu, kpakple ɣletiviŋutinunya siaa me ta. Woto nuŋɔŋlɔ deŋgɔ aɖewo siwo le abe nutatawo ene, xexlẽdzesi si nye \"0,\" kple ŋkeke 365 ƒe ɣletigbalẽ aɖe vae.\nLe subɔsubɔnyawo gome ya la, nuwo to vovo kura. Mayawo subɔa mawu geɖewo. Wosubɔa ɣe, ɣleti, tsidzadza, bli, kple nu bubu geɖewo. Woƒe nunɔlawo doa vevie ɣletivimefakaka. Le woƒe tadedeaguwɔnawo me la, wozãa lifi kple nɔnɔmewɔwɔwo, wotsɔa hɛ nɔa wo ɖokuiwo sim, eye wokɔa ʋu ɖi hetsɔa amewo saa vɔe, vevietɔ gamenɔlawo, kluviwo, kple ɖeviwo.\nSpaintɔwo Ƒe Vava\nAme siawo ƒomevie Spaintɔwo va kpɔ esime wova ɖo nuto mawo me le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze me. Taɖodzinu evee nɔ Spaintɔ siwo va ɖu Mayawo dzi si: gbãtɔe nye be anyigbawo kple kesinɔnuwo nasu yewo si, evelia, be yewoana Mayawo natrɔ dzi me azu Katolikotɔwo, ale be yewoana ablɔɖe wo tso trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo me wowɔa ŋutasẽnu siwo gbɔ eme le la me. Ðe Spaintɔ siwo va ɖu Mayawo dzi la na wokpɔ subɔsubɔblɔɖe vavã, alo kpɔ ablɔɖe bubu ƒomevi aɖea?\nSpaintɔ siwo dome Katolikoha ƒe nunɔlawo hã nɔ la xɔ Mayawo ƒe agblenyigbawo le wo si. Evɔ tso gbe aɖe gbe ke la, agblenyigba siawo dzie Mayawo dea agble ɖo, eye wotsoa atiwo, ŋlɔa gbewo hetɔa dzo wo hafi doa nukuwo. Agblenyigba siawo xɔxɔ le Mayawo si he fukpekpe gã aɖe va wo dzi, eye wòde adikã woa kple Spaintɔwo dome. Wo dzi ɖulawo ɖo asi woƒe tsido goglowo hã dzi, evɔ tsido siawo koŋue nye afi siwo wokpɔa tsi tsonɛ le Yucatán ƒukpo bliboa dzi. Tsɔ kpe ɖe dziɖuɖua ƒe adzɔ si zu agba ɖe Mayawo dzi xoxo ŋu la, sɔlemehaa zii ɖe wo dzi be ŋutsu sia ŋutsu nanɔ adzɔ si ƒe home nye real 12 kple afã * xem ƒe sia ƒe, eye nyɔnu sia nyɔnu hã nanɔ real 9 xem, eye esia wɔe be woƒe fukpekpeawo gado gã ɖe edzi. Spaintɔ siwo xɔ anyigbawo le wo si la wɔ nɔnɔme sesẽ ma ŋu dɔ hena woawo ŋutɔwo ƒe viɖe. Gbã la, woxea ga si sɔlemehaa ka na Mayawo la ɖe wo nu, emegbe wozinɛ ɖe wo dzi be woawɔ dɔ va se ɖe esime wowɔ dɔ ɖe fe si wonyi le wo ŋu la nu keŋkeŋ. Esia na be Mayawo va zu woƒe kluviwo.\nNunɔlawo xɔa ga ɖe sɔlemewɔnawo abe tsideta, srɔ̃ɖeɖe, kple ameɖiɖi ene ta. Mayawo ƒe agblenyigbawo xɔxɔ, adzɔwo xɔxɔ le wo si kple gaxɔxɔ ɖe sɔlemewɔnawo ta wɔe be sɔlemehaa kpɔ kesinɔnu geɖe, evɔ Mayawo ya zu ame dahewo. Wobu Mayawo be wonye ame siwo si aʋatsodzixɔsewo nɔ, eye wonye ame manyanuwo tso dzɔdzɔme. Esia wɔe be sɔlemehakplɔlawo kple ame bubu siwo nɔ ŋusẽnɔƒewo kpɔe be esɔ be yewoaƒo wo atsɔ aɖɔ wo ɖo ahana woaɖe asi le aʋatsodzixɔsewo ŋu.\nMayawo Kple Spaintɔwo Dome Ʋa La\nEsi nɔnɔmea megava nya nɔ tsɔtsɔm na Mayawo o la, wogbe sɔlemehaa ƒe adzɔwo xexe, woɖe wo viwo ɖa le Katoliko sukuwo me, wogbe katekismo dede hegbe dɔwɔwɔ le agbleawo hã me tsɔ tsi tsitre ɖe Spaintɔwo ŋu. Gake ɖeko ema gblẽ nyaa ɖe edzi wu. Nɔnɔmea va ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 1847 me—esi Spaintɔwo ɖu wo dzi ƒe 300 aɖewo megbe. Mayawo ho aʋa ɖe \"yevuawo\" ŋu, eye esiae he Mayawo kple Spaintɔwo dome ʋa la vae.\nAglãdzelaawo ƒe ŋgɔnɔlawo zã atitsoga aɖe si woyɔ be Atitsoga Ƒonu la, si megbe ame aɖe bena ɖo henɔa nu ƒom wòdzena abe atitsoga lae le nua ƒom ene, tsɔ dea dzi ƒo na Mayawo be woawɔ aʋa la va se ɖe ku me ke. Aʋa la mekpa Mayawo kura o. Esime dziɖuɖua ɖe gbeƒãe be aʋa la ke le ƒe 1853 me la, wowu Maya siwo nɔ Yucatán la dometɔ 40 le 100 me. Ke hã, aʋa suesuesuewo gayia edzi le wo dome ɣeaɖewoɣi, eye esia yi edzi hena ƒe 55. Mlɔeba la, Mayawo te ŋu va do le Spaintɔwo ƒe teteɖeanyi te, eye dziɖuɖua trɔ ma anyigbaa na Mayawo. Ke ɖe wokpɔ subɔsubɔblɔɖe hã?\nWomekpɔ Ablɔɖe Vavã O\nKatolikotɔnyenye si Spaintɔ amedziɖulawo he vae, kpakple Mayawo kple Spaintɔwo dome ʋa la dometɔ aɖeke mehe ablɔɖe vavã vae na Mayawo o. Va se ɖe egbea la, Mayawo gakpɔtɔ lé subɔsubɔ tsakatsaka, si nye kɔnu siwo wowɔna do ŋgɔ na Spaintɔwo ƒe vava kple Roma Katoliko kɔnu siwo wotsaka, la me ɖe asi.\nEsi agbalẽ si nye The Mayas—3000 Years of Civilization nɔ nu ƒom tso Maya siwo li egbea ŋu la, egblɔ be: \"Mayawo kpɔtɔ dea ta agu na dzɔdzɔmenu siwo wosubɔna le blema la kple tɔgbui kukuwo le agblewo me, agadowo me, kple towo dzi, . . . eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wosubɔa ame kɔkɔewo le sɔlemexɔwo me.\" Eya ta wogblɔna be mawu si ŋkɔe nye Quetzalcoatl, alo Kukulcán lae nye Yesu, eye ɣletimawunɔ lae nye Maria Ðetugbui Nɔaƒe la. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ tadedeagu na atitsoga la ɖɔ li tadedeagu na ceiba ti la, eye amewo gakpɔtɔ dea tsi atitsoga la abe ati gbagbee wònye ene. Wometaa Yesu ƒe nɔnɔme ɖe atitsogawo dzi o, ke boŋ ceiba seƒoƒowoe wotsɔ ɖoa atsyɔ̃ na wo.\nWokpɔ Ablɔɖe Vavã Mlɔeba!\nLe ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico la te Biblia fiafia dɔ gã aɖe wɔwɔ le Mayawo ƒe nutoawo me. Wotaa Biblia srɔ̃gbalẽwo abe magazine sia ene ɖe Mayagbe me be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu woase tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu la gɔme. Nu kae do tso eme? Esime wonɔ nyati sia ŋlɔm la, Fiaɖuƒegbeƒãla 6,600 siwo nye Mayagbedolawoe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 241 siwo le nutoa me la me. Ðe wònɔ bɔbɔe na Mayawo be woaɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe dzixɔsewo ŋu ale be woate ŋu axɔ Biblia me nyateƒea ade emea?\nAvu bliboe wònye na Maya siwo si dzi vavã le la. Marcelino kple srɔ̃a Margarita bua wo ɖokuiwo Katolikotɔ dovevienuwo. Ƒe sia ƒe la, be woade bubu tɔxɛ atitsoga la ŋu la, wokɔnɛ tso woƒe sɔlemexɔa me tsɔ yina ɖe woƒe aƒe me eye wowua lãwo tsɔ saa vɔe, emegbe woa kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖaa vɔsalãwo ɖuna. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ le aƒe me, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo. Wogblɔ be: \"Míede dzesii be nu si srɔ̃m míenɔ lae nye nyateƒea, gake míesusui be ne míeɖe asi le míaƒe tsã dzixɔsewo ŋu la, gbɔgbɔawo ava wɔ nu vevi mí.\" Ke hã, woyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi. Marcelino gblɔ be: \"Vivivi la, Biblia me nyateƒea de míaƒe dzi gbɔ. Esia na be dzi ɖo mía ƒo míeƒoa nu na míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tso nu siwo srɔ̃m míele le Biblia me ŋu. Dzi le mía dzɔm azɔ be míevo tso aʋatsodzixɔse siwo wɔ mí kluviwo va yi la si me. Nu si ve mí koe nye be míedze egɔme kaba o. Le esia ta la, míedi be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe afia Biblia me nyateƒe wɔnukuawo amewo.\"\nAlfonso, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 73, nye Katolikotɔ dovevienu aɖe. Le woƒe nutoa me la, exɔa ŋgɔ na subɔsubɔzãwo ɖuɖu siwo me wowɔa Misa, ɖua ɣe henaa nuɖuɖu kple aha vavalawo katã le. Le azã mawo me la, amewo wɔa avu kple nyitsuwo. Egblɔ be: \"Zi geɖe la, kaka azã mawo nawu enu la, amewo mua aha henɔa kɔ dam.\" Egblɔ kpee be: \"Togbɔ be azã siawo ɖuɖu doa dzidzɔ nam hã la, menɔ sesem le ɖokuinye me be nanewo mele edzi yim nyuie le nye subɔsubɔhaa me o.\" Yehowa Ðasefowo va ɖe gbeƒã na Alfonso, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Togbɔ be lãme menɔ esi o hã la, ete kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Fifia eɖe asi le eƒe subɔsubɔnuwɔna tsãtɔwo katã ŋu, eye wòwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ƒoa nu tso eƒe dzixɔse yeyea ŋu na ame siwo va srãnɛ kpɔ le aƒe me.\nEsiawo nye Maya siwo si dzi vavã le siwo si subɔsubɔblɔɖe vavã va su la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. Ɛ̃, piramid gã siwo le Yucatán la tulawo ƒe dzidzimeviwo gakpɔtɔ le afi sia va se ɖe egbe. Wogadoa wo degbea kokoko. Wo dometɔ geɖe nɔa anyixɔ siwo wotsɔ be gbã me abe wo tɔgbuiwo ke ene. Wodea bli kple ɖeti gble. Eye wogakpɔtɔ zãa woƒe agbledemɔnu xoxo, si nye atiwo tsotso kple gbewo ŋɔŋlɔ ahatɔ dzo wo hafi aƒã nukuwo la. Gake fifia la, Mawu ƒe Nya la me nyateƒea na ablɔɖe Maya geɖewo tso alakpasubɔsubɔ kple aʋatsodzixɔse ƒe kluvinyenye me. Enye dzidzɔ na wo be yewokpɔ Yesu ƒe nya wɔdɔɖeamedzi sia ƒe nyateƒenyenye dze sii be: \"Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.\"—Yohanes 8:32.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Real nye ga si Spaintɔwo ɖuna tsã.\n[Anyigbatata si le axa 13]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nNuto aɖe si dzi blema Mayawo kpɔ ŋusẽ ɖo\nMexico Ƒukɔme\nMEXICO\nYucatán Ƒukpo Afã\nChichén Itzá\nCobá\nBELIZE\nGUATEMALA\nHONDURAS\nEL SALVADOR\n[Nɔnɔmetata si le axa 13]\nMayawo ƒe aƒedo aɖe, le Chichén Itzá\n[Nɔnɔmetata si le axa 15]\nMarcelino kple srɔ̃a Margarita le nya nyuia gblɔm na amewo le Yucatán","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20081201\/Abl%C9%94%C9%96e-Vav%C3%A3-Na-Mayawo\/","date":"2020-02-23T19:52:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145839.51\/warc\/CC-MAIN-20200223185153-20200223215153-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987507463,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987507462501526}","num_words":1536,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nAfi Kae Woawɔ Harmagedonʋa La Le?\nTeƒe ɖeka aɖeke koŋ meli si wole Harmagedonʋa la wɔ ge le o. Ke boŋ anyigba bliboa ye anye aʋagbea dzi. Nu ka tae? Elabena aʋakɔ eve siwo akpe aʋaa la sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu anɔ teƒe ɖeka aɖeke o.\nWogayɔa Harmagedon be \"Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.\" Yehowa Mawu azã Via, Kristo Yesu, wòaƒo mawudɔlawo ƒe aʋakɔ aɖe nu ƒu woakpe aʋa kple anyigba ƒe dziɖula vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽwo katã.—Nyaɖeɖefia 16:14; 19:11-16.\nGbɔgbɔ vɔ̃woe le dukɔwo hem be woaɖawɔ aʋa la. Biblia gblɔ be \"nya siwo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ\" la le yiyim ɖe \"anyigba blibo la dzi fiawo [dziɖulawo] gbɔ, bene woaƒo wo nu ƒu . . . ɖe teƒe, si woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon.\"—Nyaɖeɖefia 16:14-16.\nBiblia xlẽla gbogbo aɖewo di vevie be yewoase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme wu Biblia gbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Ame geɖe siwo buna be ele be woase agbalẽa me nyawo gɔme abe ale si tututu woŋlɔ woe ene la tsɔ susu ɖo teƒe aɖe koŋ dzi be afi mae aʋaa adze egɔme tso, eye woléa ŋku ɖe nudzɔdzɔwo ŋu le nuto ma me vevie. Míate ŋu akpɔ nukpɔsusu si nye be Harmagedon fia teƒe aɖe koŋ la le Nyaɖeɖefia gbalẽa ŋuti numeɖegbalẽ xoxotɔ si gakpɔtɔ li, si le Helagbe me, si Oecumenius, si nɔ anyi le ƒe alafa adelia M.Ŋ. ŋlɔ, la me.\nEsime John F. Walvoord, si nye Dallas Mawunyaŋutinunya Hehenasuku ƒe dzikpɔla tsãtɔ, nɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si bɔ ɖe subɔsubɔnunɔla Blemakɔnumeléɖeasilawo dome ŋu la, egblɔ be Harmagedon nye \"xexea me ƒe aʋa manyatalenu mamlɛtɔ si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, si woawɔ le Titina Ɣedzeƒe nuto me.\" Aƒetɔ Walvoord gblɔ be Megido To, si nye togbɛ aɖe si le anyiehe Palestina, le bali gbadza aɖe ƒe mlɔenu, ye nye teƒe si tututu wole aʋa sia wɔ ge le.\nGake menye mɔfiagbalẽ si he susu yi teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si woyɔna be Harmagedon dzi ye Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nye o. Eƒe ŋgɔdonya gblɔ be emenyawo nye nu siwo woɖe fia le \"dzesiwo me.\" (Nyaɖeɖefia 1:1) Yehowa Ðasefowo gblɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye asia ɖe woƒe agbalẽ aɖe me be: \"Mele be míakpɔ mɔ be woava ƒo amewo nu ƒu ɖe Megido To la gbɔ ŋutɔŋutɔ o.\"—Studies in the Scriptures, Volume IV.\nNu siwo dzɔ le Megido le blema la he susu yi nɔnɔme aɖe si me mɔkpɔkpɔ hena agbetsitsi aɖeke manɔ anyi na Mawu ƒe futɔwo le o la dzi. Eya ta Mawu akpɔ egbɔ be woaɖe nu fitifiti wɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye katã ɖa keŋkeŋ le anyigbaa ƒe afi sia afi le Harmagedon me.—Nyaɖeɖefia 21:8.\nMehiã be ame siwo lɔ̃a Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, la nanɔ vɔvɔ̃m na Harmagedon o. Ame siwo Mawu bu be woƒe vɔ̃ɖinyenye gbɔ eme ko ŋue Mawu ƒe aʋawɔwɔ la agblẽ nu le. Mawu matsrɔ̃ ame nyui kple ame vɔ̃ɖiwo siaa le aʋa sia me o. Biblia gblɔ be: \"Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la.\" (2 Petro 2:9) Ŋugbedodo dodzidzɔname aɖe le Psalmo 37:34 be: \"Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080401\/Afi-Kae-Woaw%C9%94-Harmagedon%CA%8Ba-La-Le\/","date":"2020-02-21T03:47:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145438.12\/warc\/CC-MAIN-20200221014826-20200221044826-00237.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978166223,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978166222572327}","num_words":536,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yosef nye Yakob ƒe vi ɖevitɔwo dometɔ ɖeka. Foawo kpɔe be Yosef nye yewo fofo ƒe vi lɔlɔ̃a. Aleke nèsusu be woawɔ nui? Woʋã ŋu Yosef eye wolé fui. Esi Yosef ku drɔ̃e tɔxɛ aɖewo la egblɔ wo na foawo. Wosusu be drɔ̃eawo fia be gbe ɖeka la, yewoava bɔbɔ na Yosef. Esia na wogalé fui ɖe edzi!\nGbe ɖeka Yosef nɔviwo nɔ woƒe alẽwo kplɔm le teƒe si te ɖe Sekem du la ŋu. Yakob dɔ Yosef ɖe wo gbɔ be wòava kpɔ wo ɖa. Esi wokpɔe le adzɔge ʋĩi wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be: \"Drɔ̃ekulae nye ema gbɔna. Mina míawui!\" Eya ta wolée hetsɔe ƒu gbe ɖe do globo aɖe me. Gake nɔviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yuda gblɔ be: 'Mígawui o, mídzrae wòazu kluvi boŋ.' Eya ta wodzra Yosef klosalo 20 na Midiantɔ asitsala siwo yina Egipte.\nEmegbe Yosef nɔviwo tsɔ eƒe awu ʋlaya nyrɔ ɖe gbɔ̃vi ƒe ʋu me eye wotsɔe ɖo ɖe wo fofo hegblɔ be: 'Menye viwòa ƒe awue nye esia oa'? Eya ta Yakob susu be lã wɔadã aɖe wu Yosef. Esia na eƒe dzi gbã. Ame aɖeke mete ŋu fa akɔ nɛ o.\nLe Egipte la, dziɖuɖumegã vevi aɖe si ŋkɔe nye Potifar ƒle Yosef abe kluvi ene. Gake Yehowa nɔ kple Yosef. Potifar kpɔe be Yosef doa vevi dɔ eye woate ŋu aka ɖe edzi. Eya ta eteƒe medidi hafi Potifar tsɔ Yosef ɖo eƒe nuwo katã nu o.\nPotifar srɔ̃ kpɔe be Yosef dze ɖeka eye ŋusẽ le eŋu. Enɔ gbɔgblɔm nɛ tso ŋkeke yi ŋkeke be wòadɔ kpli ye. Nu kae Yosef awɔ? Egbe, eye wògblɔ be: 'Esia mesɔ o, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye eye srɔ̃ae nènye. Ne medɔ kpli wò la, mawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu!'\nGbe ɖeka Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeazi Yosef dzi wòadɔ kpli ye. Nyɔnua lé eƒe awu, gake Yosef si le egbɔ. Esi Potifar gbɔ va aƒe me la, srɔ̃a gblɔ nɛ be Yosef va dze ye dzi. Nyɔnua meto nyateƒe na srɔ̃a o. Potifar do dziku vevie, eye wòlé Yosef de gaxɔ me. Gake Yehowa meŋlɔ Yosef be o.\n\"Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.\"—1 Petro 5:6","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/yosef\/","date":"2020-06-04T14:20:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347441088.63\/warc\/CC-MAIN-20200604125947-20200604155947-00078.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991055727,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991055727005005}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Hebrivi Etɔ̃awo Fia nu viwòwo tso ŋutsuvi etɔ̃ siwo ɖo to Mawu ŋu. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fefeɣi Alo Anyinɔnɔ Kpoo Ɣi Hakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o. Apostolo Wuieveawo Kpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me. Mele Nu Kpɔm! Zã Biblia nusɔsrɔ̃ sia nàtsɔ afia nu viwò sue tso Yesu ƒe nukunu xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka ŋu. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Hebrivi Etɔ̃awo Eʋegbe Hebrivi Etɔ̃awo https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502016203\/univ\/art\/502016203_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/hebri-%C5%8Butsuvi-et%C9%94%CC%83awo\/","date":"2020-05-26T11:07:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00296.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9931837916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9931837916374207}","num_words":100,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.15,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyaŋuɖoɖo nyui . . .\nnɔa kpokploe, eme kɔna eye medidina o. Zi geɖe la, axɔ sekɛnd 30 alo esi mede o\nnyea esi nàgblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbewo me\nmenyea nya si wogblɔ va yi la gbugbɔgagblɔ ne mehiã o\nNe wòe nye ame gbãtɔ si woyɔ la, . . .\nɖo nya si wobiaa ŋu tẽe wòanɔ kpokploe\nNe woɖo nyaa ŋu vɔ la, àte ŋu . . .\nagblɔ ale si mawunyakpukpui aɖe si woyɔ la de nu ŋuɖoɖoa mee\nagblɔ ale si nyaa ka míi\nagblɔ mɔ siwo nu míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le\nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe si te gbe ɖe nya vevia dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct17-23\/ale-si-n%C3%A0%C9%96o-nya-%C5%8Bu-nyuie\/","date":"2020-05-26T04:36:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390442.29\/warc\/CC-MAIN-20200526015239-20200526045239-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979489446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997948944568634}","num_words":102,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 26 va se ɖe October 23, 2016 la le tata sia me.\nAGBEMEŊUTINYA\nÐekakpui aɖe si nye Eŋlisiawo dze agbemedɔ si na wòkpɔ dzidzɔ vavã gɔme. Eva zu dutanyanyuigblɔla le Puerto Rico.\nÐe míate ŋu agblɔe wòasɔ be srɔ̃ɖeɖe nye nunana tso Mawu gbɔa?\nKpɔ mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò.\nKpɔ mɔ etɔ̃ siwo nu Biblia srɔ̃la dovevienuwo sɔ kple sikakulawo le.\nKpɔ nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.\nTaɖodzinu vevi kawo gbɔe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖo?\nNu ka tae Yesu ƒe futɔwo tsi dzi ɖe asikɔklɔ ƒe nya ŋu vevie ɖo?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nTogbɔ be Biblia Nusrɔ̃viwo mese akpaɖekedzimademade ƒe nyaa gɔme nyuie le Xexemeʋa I wɔɣi o hã la, nu nyuiwo do tso woƒe anukwareɖiɖi me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-august-2016\/","date":"2020-05-28T01:52:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347396300.22\/warc\/CC-MAIN-20200527235451-20200528025451-00258.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982168674,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982168674468994}","num_words":135,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpe na nusiwo wòwɔ le Eʋe Wikipiɖia la dzi! Mexɔese be wòkpɔe be Eʋegbe ŋlɔlawo wo me sɔgbɔ ɖe afisia o. Míele mɔ kpɔm be wòateŋu akpe ɖe mía ŋu. Ne wò mese Eʋegbe nyuie aɖe o hã la, megblẽ kroa o. Megavɔ̃ o, mɔxexea ɖeke meli o. Wòateŋu adze nuwo ŋɔŋlɔ gɔme fifia gɔ̃ hã. Ne wòle xaxaa ɖe me la, wòateŋu abiam fãa le afisia .\nƔesiaɣi wòŋlɔ nua ɖe la, ɖo ŋku dzi na da dzesi sia (~~~~) ɖe eɖome. Esia ada ŋkɔ wò (alo dzesi wò), ŋkekea kpakple gaƒoƒoa si neŋlɔe katã ɖe nuŋɔŋlɔawo gɔme.\nMíe me kpɔ ŋlɔ kpekpeɖeŋu nyawo haɖeke o. Ne ele kpekpeɖeŋu dim la, biam le afisia alo ne wòse gbe siawo la, kpɔ Wikipiɖia siawo ƒe kpekpeɖeŋu nyawo ɖa:\nHello Ewe, Kindly refrain from creating blank pages as you did with Eŋlisigbe. If you think an article is required but you are unable to start it, do well to leave a request at the Takpekpewɔƒe, otherwise at least create a stub with a few introductory statements so others can build on it.\nI have translated this from your userpage - \"Hkønyee nye Ewe\" here:\"Ŋkɔnye enye Ewe (Eʋe)\".--Natsubee 15:58, 20 Dasiamime 2007 (UTC)","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/User_talk:Ewe","date":"2020-05-27T05:58:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347392141.7\/warc\/CC-MAIN-20200527044512-20200527074512-00578.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971572757,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971572756767273}","num_words":195,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.138,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yehowa Ðasefowo si esime wole Mawu ƒe Nya la kple eme nyateƒea fiam ame geɖe ale si wòanya wɔ la ŋu.\nEsi subɔsubɔhakplɔla aɖe kple srɔ̃a ƒe vi dze dɔ heku la, wofa avi vevie. Gake eteƒe medidi o, wote woƒe biabia siwo ku ɖe ku ŋu la ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo kpɔkpɔ.\nÐasefo 13 yi ɖaɖe gbeƒã Biblia me gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame la na ame siwo le Amazon ƒe avetsuwo me le Anyiehe Amerika.\nAleke polis aɖewo siwo le ƒukpo sue aɖe dzi la kpe ɖe Yehowa Ðasefo aɖewo ŋu woɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia?\nNu kae na sɔhɛ atɔ̃ aɖewo dze agbagba kpe ɖe wo havi aɖe ŋu togbɔ be sno nɔ dzadzam eye yame fa miamiamia gɔ̃ hã?\nTogbɔ be Irma xɔ ƒe 90 kloe hã la, eŋlɔa lɛta na amewo tso Biblia me nyawo ŋu, eye lɛta mawo wɔa dɔ ɖe ame geɖe siwo xɔ wo la dzi.\nXlẽ nu tso ale si Biblia kpe ɖe ƒome aɖe ŋu wo dome va le vivim eye wole dzidzɔ kpɔm wu la ŋu.\nVideo siwo le jw.org nyatakakadiƒea le vi ɖem na kpovitɔwo, suku ƒe aɖaŋuɖolawo kple ame bubuwo.\nAleke dɔmenyonuwɔna ɖeka aɖe kpe ɖe ame aɖe si tsitre ɖe nyateƒea ŋu tsã la ŋu wòva tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me?\nMègabu mɔkpɔkpɔ gbeɖe be ame aɖe mate ŋu ava xɔ nyateƒea o. Xlẽ nu tso ame aɖewo siwo va wɔ esia kple nu si tae ŋu.\nKpɔ ale si nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si le Chile ku kutri ma wɔna tɔxɛ aɖe ƒe amekpegbalẽvi na ame siwo katã doa Mapudungun le eƒe suku.\nNu kae va do tso eme esi Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ dzi ɖi ƒo nu na ŋutsu aƒemanɔsitɔ aɖe si mekɔa mo ɖe ame o eye melɔ̃na be ame nade ha kpli ye o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nyate%C6%92ea-fiafia-amewo\/","date":"2020-07-03T23:51:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655883439.15\/warc\/CC-MAIN-20200703215640-20200704005640-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990947247,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990947246551514}","num_words":310,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eƒo nu tso nyati geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, efia eyomedzelawo ale si woado gbe ɖa, ale si woawɔ adze Mawu ŋu, kple ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Mateo 6:5-13; Marko 12:17; Luka 11:28) Gake nyati si nɔ vevie na Yesu wu bubu ɖe sia ɖe, si ŋu woƒo nu tsoe wu ye nye Mawu Fiaɖuƒea.\nAbe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, dɔ si koŋ Yesu wɔ le eƒe agbe me ye nye be, enɔ \"gbeƒã ɖem henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm\" na amewo. (Luka 8:1) Edo vevie nu zɔ azɔli kilometa alafa geɖe hetsa le Israel-nyigba bliboa dzi nɔ nu fiam amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Woŋlɔ Yesu ƒe subɔsubɔ ŋuti nya ɖe Nyanyuigbalẽ eneawo me, si me woyɔ Fiaɖuƒea ŋkɔ le wu zi 100 sɔŋ. Wo dometɔ akpa gãtɔ dze le Yesu ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔwo me. Ke hã menye nya siwo katã Yesu gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu ye woŋlɔ ɖi o, ke boŋ eƒe sue aɖe koe nye ema!\nNu ka tae Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu nenema gbegbe esime wonɔ anyigba dzi? Gbã, Yesu nya be Mawu tia ye be yeanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Yesaya 9:5; Luka 22:28-30) Gake menye gãnyenye alo bubu ŋue Yesu tsi dzi ɖo o. (Mateo 11:29; Marko 10:17, 18) Menye viɖe si eya ŋutɔ akpɔ tae wòɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ɖo o. Susu vevi si tae Mawu Fiaɖuƒea * nɔ vevie na nɛ ye nye nu si Fiaɖuƒea awɔ na ame siwo wòlɔ vevie\nNU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA YESU FOFO\nYesu lɔ̃ Fofoa si le dziƒo la vevie. (Lododowo 8:30; Yohanes 14:31) Ekpɔa dzidzɔ ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, abe Eƒe lɔlɔ̃, Eƒe nublanuikpɔkpɔ kple Eƒe dzɔdzɔenyenye ene ŋu. (5 Mose 32:4; Yesaya 49:15; 1 Yohanes 4:8) Eya ta ne Yesu se alakpanya siwo amewo gblɔna ɖe Fofoa ŋu be metsɔ ɖeke le fu siwo kpem amegbetɔwo le me o eye edi hã be míanɔ fu kpem la, etena ɖe edzi vevie. Susu sia tae Yesu do vevie gbeƒãɖeɖe 'Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia' ɖo, elabena enyae be Fiaɖuƒea ava kɔ ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋu. (Mateo 4:23; 6:9, 10) Aleke Fiaɖuƒea awɔ esiae?\nYehowa ato Fiaɖuƒea dzi ahe tɔtrɔ gãwo ava xexea me be wòaɖe vi na amegbetɔwo. \"Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le\" nuteƒewɔlawo katã ƒe ŋkume. Yehowa aɖe nu siwo nana amewo faa avi la ɖa, eye wòakpɔ egbɔ be \"ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.\" (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mawu ato Fiaɖuƒea dzi aɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa. *\nMewɔ ŋku o be Yesu dze agbagba vevie be yeagblɔ Fiaɖuƒea ŋuti nya na amewo! Enyae be Fiaɖuƒea ana míanya ŋusẽ si gbegbe le ye Fofo si, kple ale si wòsea veve ɖe ame nui. (Yakobo 5:11) Yesu nyae hã be Fiaɖuƒea aɖe vi na ame bubu siwo yelɔ̃na, siwo nye amegbetɔ wɔnuteƒewo hã.\nNU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA NUTEƑEWƆLAWO\nYesu nɔ Fofoa gbɔ le dziƒo ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ hafi va anyigba dzi. Vi la dzie Fofo la to wɔ nu sia nu si le xexea me\nAle si gbegbe Yesu lɔ̃ amegbetɔwo la ɖe dzesi ƒãa le eƒe subɔsubɔdɔa me. Tso gɔmedzedzea ke la, ena eme kɔ ƒãa be ɖe yeva anyigba dzi be 'yeagblɔ nya nyui' la na ame dahewo. (Luka 4:18) Gake menye ɖeko Yesu ƒo nu tso kpekpe ɖe amewo ŋu ŋuti ko evɔ o, ke eɖee fia zi gbɔ zi geɖe hã be yelɔ̃ amegbetɔwo vavã. Le kpɔɖeŋu me, esi ameha gã aɖe va ƒo ƒu nɔ to ɖom Yesu la, \"woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.\" (Mateo 14:14) Esi ŋutsu aɖe si le dɔ lém vevie la xɔe se be Yesu ate ŋu ada dɔ na ye ne enya lɔ̃ ko la, lɔlɔ̃ ʋãe wòda dɔ na ŋutsua. Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, \"Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.\" (Luka 5:12, 13) Esi Yesu kpɔ exɔlɔ̃ Maria wònɔ avi fam le nɔviaŋutsu, Lazaro, ƒe ku ta la, \"eɖe hũ le gbɔgbɔ la me,\" 'exa nu vevie,' eye 'aɖatsi ge le mo nɛ.' (Yohanes 11:32-36) Eyome ewɔ nane si ame aɖeke menɔ mɔ kpɔm na o\nYesu nya nyuie be ɣeyiɣi kpuie aɖe koe nu nyui siwo yewɔ ɣemaɣi la anɔ anyi. Enya be madidi o, ame siwo katã ŋu yeda gbe le la agadze dɔ ake, eye ame siwo katã yefɔ ɖe tsitre la hã agaku ake. Yesu nyae hã be Mawu Fiaɖuƒea ye aɖe kuxi mawo katã ɖa tegbee. Esia tae Yesu menɔ nukunuwo ko wɔm o; ke eɖe gbeƒã \"fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la\" hã dzonɔamemetɔe. (Mateo 9:35) Nu siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ kpuie le anyigba dzi la ƒe sue aɖe koe nye ema Yesu wɔ. Kpɔ nu siwo Biblia do ŋugbe be Fiaɖuƒea ava wɔ la ɖa.\nLãmesẽkuxiwo maganɔ anyi o.\nKu maganɔ anyi o.\n\"Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.\"\n—Psalmo 37:29.\n\"Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.\"—Yesaya 25:8.\nKukuawo afɔ.\n\"Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\"\n—Yohanes 5:28, 29.\n\"Tsitretsitsi li.\"\n—Dɔwɔwɔwo 24:15.\nAƒemanɔamesi kple dɔmakpɔwɔe nu ayi.\n\"Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinu- dɔwɔwɔwo.\"\n—Yesaya 65:21, 22.\nAʋawɔwɔ nu ayi.\n'Atsi aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.'\n—Psalmo 46:10.\n\"Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.\"\n—Yesaya 2:4.\nNuɖuɖu abɔ.\n\"Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.\"\n—Psalmo 67:7.\n\"Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.\"\n—Psalmo 72:16.\nAhedada maganɔ anyi o.\n\"Womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o.\"—Psalmo 9:19.\n\"Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.\"\n—Psalmo 72:12, 13.\nNe èbu yayra siwo gbegbe Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu la, èkpɔ nu si tae Fiaɖuƒea le vevie na Yesua? Esi wònɔ anyigba dzi la, eƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu na ame siwo katã di be yeaɖo toe la, elabena enyae be Fiaɖuƒea ye aɖe kuxi siwo katã doa nuxaxa na mí egbea la ɖa.\nÐe nu siwo Biblia gblɔ be Fiaɖuƒea awɔ la do dzidzɔ na wòa? Ne nenemae la, aleke nàwɔ asrɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒe ma ŋu? Eye nu kae nàwɔ be Fiaɖuƒea ƒe yayrawo nàɖe vi na wò? Nyati mamlɛtɔa aɖo biabia mawo ŋu.\n^ mm. 5 Le nyati sia me la, míeƒo nu tso Yesu ƒe nuwɔnawo ŋu abe fifiae wole dzɔdzɔm ene, elabena Yesu le agbe le dziƒo fifia, eye ɖikeke mele eme o be tso esime wòtrɔ yi dziƒo la, Fiaɖuƒea ye nye nu si ŋu eƒe dzi ku ɖo vevie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141001\/yesu-kple-mawu-fia%C9%96u%C6%92e-la\/","date":"2020-07-14T14:20:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655880665.3\/warc\/CC-MAIN-20200714114524-20200714144524-00167.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978706241,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978706240653992}","num_words":1111,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èle nu siwo ƒo xlã wò kpɔm la, wò ŋku kple wò ahɔhɔ̃ wɔa dɔ aduadu henana nèdzea si nu si kpɔm nèle. Ne èkpɔ atikutsetse aɖe la, eƒe amadede akpe ɖe ŋuwò nàtiae nenye be yeaɖui alo yemaɖui o. Àte ŋu akpɔ alilia ko anya be tsi mele dzadza ge egbea o. Èle nuŋɔŋlɔ siwo xlẽm nèle fifia la kpɔm, eye èle wo gɔme sem. Le nyateƒe me la, amadede siwo nèkpɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò. Nenemae wòle vavã?\nAtikutsetse si nèkpɔ la ƒe amadede ate ŋu ana wòadzro wò eye nànya nenye be eɖi na ɖuɖu. Dziŋgɔli kple alilikpo si nèkpɔ la ƒe amadede kpe ɖe ŋuwò nènya ale si yame ƒe nɔnɔme anɔ. Esi nèle nyati sia xlẽm la, vovototo si le nuŋɔŋlɔawo ƒe amadede kple agbalẽa tɔ dome la na wò ŋku te ŋu le nyawo xlẽm nyuie. Ɛ̃, ɖewohĩ le wò ŋutɔ wò manyamanya me la, amadedewo kpena ɖe ŋuwò ɣesiaɣi nènɔa te ɖe nu siwo kpɔm nèle dzi wɔa nyametsotsowo. Gawu la, amadedewo tea ŋu wɔa dɔ ɖe wò seselelãme hã dzi.\nALE SI AMADEDEWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AME ƑE SESELELÃME DZI\nNe èle zɔzɔm le fiase gãwo me la, àkpɔe be woɖo adzɔnu siwo le amadede vovovowo me la ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu le ɖusi kple mia me siaa be wòate ŋu ahe wò susu. Togbɔ be ɖewohĩ mànyae o hã la, boblodolawo trɔa asi le woƒe adzɔnuwo ŋu nyuie be woanɔ amadede vovovowo me ale be woadzro wò, èɖanye ŋutsu alo nyɔnu, ɖevi alo ame tsitsi o. Dɔwɔla siwo ɖoa atsyɔ̃ na aƒewo, awudodo ƒe atsyã wɔlawo kple nutala bibiwo hã nyae be amadedewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi.\nAmewo ate ŋu ase nu si amadedewo fia la gɔme vovovoe le woƒe dekɔnuwo kple kɔnuwo ƒe vovototo ta. Le kpɔɖeŋu me, le Asiatɔ aɖewo gome la, amadede dzĩtɔ fiaa dzɔgbe nyui kple dzidzɔkpɔkpɔ, gake le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, amadede dzĩ hea susu yia konyifafa dzi. Ke hã afi ka kee ame ɖatso o, amadede aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe ame sia ame ƒomevi dzi le mɔ ɖeka tɔgbi nu. Na míakpɔ ale si amadede etɔ̃ aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòe ɖa.\nDZĨ nye amadede si hea ame ƒe susu kaba. Tso ɣeaɖeɣi ke la, amewo tsɔa amadede dzĩ tsia tsitre ɖi na ŋusẽ, aʋawɔwɔ kple afɔku. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe seselelãme dzi ŋutɔ, eye etea ŋu doa tsɔtsɔe lãmetsiwo kple dzitodzito ƒe dɔwɔwɔ, eye wònaa ʋu sina kabakaba wu le lãme na ame.\nLe Biblia me la, Hebrigbe me nya si wozãna na nu \"dzĩ\" la tso nya aɖe si fia \"ʋu\" me. Biblia zã amadede si biã helĩhelĩ tsɔ ɖɔ gbolo aɖe si kɔ ʋu geɖe ɖi eye wòdo aɖabɛwu kple awu dzĩ eye wòbɔbɔ nɔ \"lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ, si ŋu busuŋkɔwo yɔ fũu\" la dzi. Ale si woɖɔe la ana wòatsi susu me na ame bɔbɔe.\nGBEMUMU nye amadede si ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi to vovo na amadede dzĩa tɔ, elabena medoa tsɔtsɔe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ o, eye enana ame ƒe susu dzea akɔ anyi. Gbemumu naa dzidzeme ame, eye wotsɔnɛ tsia tsitre ɖi na dziɖeɖi zi geɖe. Míaƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ ne míekpɔ tsaɖibɔwo alo togbɛ damawo. Xexemewɔwɔ ƒe ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la gblɔ be Mawue wɔ gbe damawo, atiwo kple nu miemiewo.\nAMADEDE ƔI tsia tsitre ɖi na kekeli, dedienɔnɔ kple dzadzɛnyenye zi geɖe. Wotsɔnɛ ɖɔa nɔnɔme nyui siwo nye nyuiwɔwɔ, fɔmaɖimaɖi kple kɔkɔenyenye hã. Amadede ɣi ŋue woƒo nu tsoe zi geɖe wu le Biblia me. Le ŋutegawo me la, amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa nɔa awu ɣiwo me, eye esia tea gbe ɖe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye dzi. (Yohanes 20:12; Nyaɖeɖefia 3:4; 7:9, 13, 14) Wotsɔa sɔ ɣiwo kpakple wo dola siwo le awu ɣiwo me la tsia tsitre ɖi na aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 19:14) Mawu zãa amadede ɣi tsɔ hea susu yia ale si wòlɔ̃na faa be yeatsɔ nu vɔ̃wo ake la dzi; eƒe Nya la gblɔ be: \"Ne miaƒe nu vɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene.\"\nAMADEDEWO NANA WOÐOA ŊKU NU DZI\nAle si Biblia zã amadedewo la ɖee fia be Mawu nya ale si wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe seselelãme dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe ameƒomea dzi fifia, siwo dome aʋawɔwɔ, dɔwuame kpakple ku si dɔwuame kple dɔvɔ̃wo hena vɛ hã le la ɖi. Be míate ŋu aɖo ŋku nya sia dzi bɔbɔe la, wotsɔ sɔwo kple wo dola aɖewo ɖɔe le ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe me\nSɔ gbãtɔa le ɣie, eye ele tsitre ɖi na Kristo Yesu ƒe aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. Sɔ evelia biã hɛ̃, eye wòle tsitre ɖi na aʋa si dukɔwo wɔna kple wo nɔewo. Sɔ yibɔ dziŋɔ aɖe va ɖe esia yome, eye ele tsitre ɖi na dɔwuame. Esia megbe la, \"sɔ aɖe si fu kpii [la do], eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ŋkɔe nye Ku.\" (Nyaɖeɖefia 6:1-8) Sɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe amadede ate ŋu awɔ dɔ ɖe míaƒe seselelãme dzi le mɔ si wɔ ɖeka kple nu si wotsɔe tsi tsitre ɖi na la nu. Míate ŋu aɖo ŋku amadede siawo kple nu si wofia na míaƒe ŋkekea la dzi bɔbɔe.\nWozã amadedewo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi geɖewo le Biblia me ale be woatsi susu me na ame. Ɛ̃, Ame si wɔ kekeli, amadedewo kple amegbetɔ ƒe ŋkuwo la nya ale si wòazã amadedewo aɖaŋutɔe le nufiafia me atsɔ aɖɔ nuwo ƒe nɔnɔme ale be woase wo gɔme ahaɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Amadedewo kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi nu si kpɔm míele eye míewɔa nyametsotsowo. Amadedewo wɔa dɔ ɖe míaƒe seselelãme dzi. Amadedewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku nufiame veviwo dzi. Ɛ̃, amadedewo nye nunana nyui aɖe si lɔlɔ̃ ʋã mía Wɔla wòna mí be míase vivi na agbea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131001\/nu-si-amadedewo-fia\/","date":"2020-08-07T05:25:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737152.0\/warc\/CC-MAIN-20200807025719-20200807055719-00319.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982147217,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982147216796875}","num_words":972,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía dometɔ geɖe kpɔ eteƒe wotro gbo nya dzɔdzɔe, eye ame vɔ̃ɖiwo te ame nyuiwo kple ame siwo medze agɔ o la ɖe anyi kpɔ. Ðe ɣeyiɣi aɖe ava si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ maganɔ anyi oa?\nPsalmo 37 si le Biblia me ɖo nya sia ŋu, eye wòfia nu si wòle be míawɔ la hã mí. Kpɔ ale si wòɖo biabia vevi siawo ŋui ɖa.\nAleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo tea mí ɖe anyi la ŋu?—Kpukpui 1, 2.\nNu kae ava dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi?—Kpukpui 10.\nNu kae wòle be míawɔ fifi laa?—Kpukpui 34.\nPsalmo 37 si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ƒo nu tso etsɔme nyui si le ŋgɔ na ame siwo 'kpɔa mɔ na Yehowa, eye wonɔa eƒe mɔ dzi' la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia be etsɔme nyui ma nate ŋu asu wò ŋutɔ kple wò ame veviwo si.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2018-may-jun\/ame-fafawo-anyi-anyigba-dome-psalmo-37\/","date":"2020-08-06T09:34:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439736902.24\/warc\/CC-MAIN-20200806091418-20200806121418-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984100461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984100461006165}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me kuxi sesẽwo ɖe kpe na srɔ̃tɔwo kple ƒome geɖewo la, ɖe wòanya wɔ be wò ƒomea nakpɔ dzidzɔa? Manɔ bɔbɔe ya o. Gake kpekpeɖeŋu li. Togbɔ be agbalẽ gbadza sia megblɔ nya sia nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu o hã la, mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo vevi aɖewo le eme. Ne mietsɔ wo wɔ dɔe la, ana dzidzɔ nanɔ miaƒe ƒomea me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/agbal%E1%BA%BD-gbadza-%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2020-09-18T21:27:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400188841.7\/warc\/CC-MAIN-20200918190514-20200918220514-00331.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994068146,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994068145751953}","num_words":65,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyakpakpa 6: Mawu Da Asi Ðe Nɔnɔmetatawo Kple Dzesiwo Zazã Le Tadedeagu Me Dzi\nAfi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? \"Kristotɔ gbãtɔwo mezã nɔnɔmetatawo le tadedeagu me o . . . Wova dze nɔnɔmetatawo zazã le sɔlemeha la me le ƒe alafa 4 lia kple 5 lia me heɖea nu me be, ame siwo menya nu boo tso Kristotɔnyenye ŋu o la ate ŋu asrɔ̃ Kristotɔwo ƒe nufiafiawo kaba to nɔnɔmetatawo dzi tsɔ wu be woanɔ mawunya sem tso kplɔ̃ta alo le agbalẽwo me.\"—Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature, si McClintock kple Strong ŋlɔ, Babla 4, axa 503 kple 504.\nNu kae Biblia fia? 'Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o.' (2 Mose 20:4, 5) Apostolo Yohanes ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: \"Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.\"—1 Yohanes 5:21.\nÐe nɔnɔmetatawo nye mɔ aɖe si dzi woato ate ɖe nu siwo ƒe nɔnɔmetata wonye la ŋu ahade bubu wo ŋu abe ale si sɔlemehawo gblɔnɛ enea? The Encyclopedia of Religion gblɔ be: \"Le gɔmedzedzea me la, woanya zã nɔnɔmetatawo abe nufiafiamɔnu alo atsyɔ̃ɖonu ko ene; nya mawoe wogblɔna tsɔ nɔa ezazã ta ʋlimee. Gake eteƒe medidi hafi wova nɔ ta dem agu na wo o. Esia nye nyateƒe, vevietɔ le nɔnɔmetata siwo va xɔ aƒe ɖe Ɣedzeƒe Orthodɔks Sɔlemehawo me la gome.\" Ke hã nyagblɔɖila Yesaya bia wòsɔ nyuie be: 'Ame kae miebe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka miebe, yewoatsɔ asɔ kplii?'—Yesaya 40:18.\nNYATEƑE LAE NYE:\nMawu meda asi ɖe nɔnɔmetatawo kple dzesiwo zazã le tadedeagu me dzi o\nGBE NU LE NYAKPAKPAWO GBƆ, LÉ NYATEƑE LA ME ÐE ASI\nAlekee míaƒo nya tae ku ɖe nyakpakpa siawo siwo subɔsubɔha geɖewo gakpɔtɔ fiana, siwo me míedzro kpuie la ŋu? \"Gli\" siawo \"siwo wokpa kple aɖaŋu\" la mate ŋu axɔ ɖe Biblia me nyateƒe fakɔname siwo me kɔ nyuie la teƒe o.—2 Petro 1:16.\nEya ta mègahe ɖe megbe o, tsɔ nukpɔsusu nyui dzro Mawu ƒe Nya la, si me mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒenyawo le la, me ahatsɔe asɔ kple nu siwo wofia wò. (Yohanes 17:17) Ne èwɔe alea la, ŋugbedodo sia ava eme na wò be: 'Àdze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe wò.'—Yohanes 8:32.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]\nPictorial Archive (Near Eastern History) Est.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091101\/Nyakpakpa-6-Mawu-Da-Asi-%C3%90e-N%C9%94n%C9%94metatawo-Kple-Dzesiwo-Zaz%C3%A3-Le-Tadedeagu-Me-Dzi\/","date":"2020-10-25T11:42:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107888931.67\/warc\/CC-MAIN-20201025100059-20201025130059-00627.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985529184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985529184341431}","num_words":397,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu\n\"Mina woaɖe . . . ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome.\"—Efesotɔwo 4:31.\nNu si wòfia. Masɔmasɔwo doa mo ɖa le ƒome siwo kpɔ dzidzedze kple esiwo me kuxiwo le siaa me. Gake ƒome kpɔdzidzedzewo ya ƒoa nu tso masɔmasɔawo ŋu evɔ womezãa gbɔɖiamenyawo kple dzugbewo, alo nya ƒaƒã bubuwo ɖe wo nɔewo ŋu o. Ƒomea me tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe ale si woadi be woawɔ nu ɖe yewo ŋui ene.—Mateo 7:12.\nNu si ta wòle vevie. Nyagbɔgblɔwo ate ŋu ade abi ame ŋu abe lãnuwo ene. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: \"Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.\" (Lododowo 21:19) Le nyateƒe me la, woate ŋu agblɔ nya sia ke le ŋutsu dzikutɔ hã ŋu. Le vihehe gome la, Biblia gblɔ be: \"Miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.\" (Kolosetɔwo 3:21) Ðevi siwo ŋu wohea nya ɖo ɣesiaɣi la ate ŋu ava nɔ sesem le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ nu adze yewo dzilawo ŋu gbeɖe o. Woate ŋu ava dzudzɔ agbagbadzedze kura gɔ̃ hã.\nTe mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee miedea bubu mia nɔewo ŋu le ƒomea me hã.\n▪ Le nye ƒomea me la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, míetea ŋu kpɔa egbɔ o negbe ɖeko ame ɖeka doa dziku doa go le xɔa mea?\n▪ Ne mele nu ƒom na srɔ̃nye kple vinyewo la, zi geɖe la, ɖe mezãa dzugbewo abe, \"movitɔ,\" \"tagbɔkukutɔ,\" alo esiawo tɔgbi enea?\n▪ Ame siwo zãa nya tɔamewo ɣesiaɣi la domee wonyim lea?\nTso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Bu mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yedea bubu ame ŋu le yeƒe nyagbɔgblɔ me la ŋu. (Susu aɖee nye esi: Ðoe be nànɔ ŋkɔteƒenɔnya si nye \"me . . . \" zãm le wò nyagbɔgblɔwo me tsɔ wu be nànɔ \"è . . . \" zãm. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be, \"Mesea veve ne . . . ,\" tsɔ wu be nàgblɔ be, \"Ɣesiaɣi ko nè . . . \")\nÐe manyo be nàna srɔ̃wò nanya tɔtrɔ si(wo) nèɖo be yeawɔ oa? Le ɣleti etɔ̃ megbe la, bia srɔ̃wò be ŋgɔyiyi kawoe yewɔ hã.\nDe ŋugble tso nu siwo akpe ɖe ŋuwò be mànɔ dzugbewo zãm o ne èle nu ƒom na viwòwo la ŋu.\nÐe manyo be nàɖe kuku na viwòwo ɣesiaɣi si nèkpɔe be yeƒo nu na wo dzikutɔe alo gbɔɖiametɔe oa?—g09 10-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nAbe ale si ko ƒutsotsoewo nyia agakpe sesẽwo ene la, nenema kee nya tɔamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu le ƒomea ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Nu-4lia-Bubudede-Ame-N%C9%94ewo-%C5%8Au\/","date":"2020-11-27T00:48:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189030.27\/warc\/CC-MAIN-20201126230216-20201127020216-00619.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984099269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984099268913269}","num_words":430,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yesaya Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yesaya ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Yesaya BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yesaya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yesaya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012429\/univ\/art\/502012429_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yesaya\/","date":"2020-11-27T03:42:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984505773,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984505772590637}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃. Yesu gblɔ be: \"Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.\" (Mateo 9:12) Eƒe nya siawo fia be eyomedzelawo ate ŋu alɔ̃ faa woawɔ atike na wo. Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, mɔfiamewo le eme siwo akpe ɖe ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la ŋu.\nNya siwo wòle be nàbia ɖokuiwò\n1. Ðe mese atikewɔmɔnu si wobe yewoazã nam la gɔmea? Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míado nyawo akpɔ ahakpɔ kakaɖedzi le wo ŋu tsɔ wu be míaxɔ \"nya sia nya\" dzi ase.—Lododowo 14:15.\n2. Ðe wòhiã be magakpɔ atikewɔla bubuwo ƒe susu le nya sia ŋua? \"Adaŋudela geɖewo\" ƒe susuwo dada kpɔ ate ŋu aɖe vi na mí vevietɔ ne míedze dɔ sesẽ aɖe.—Lododowo 15:22.\n4. Ðe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo nɔa mɔ si dzi ɖɔkta ato adom kpɔ kple dɔdamɔnua mea? Biblia tsri \"gbɔgbɔyɔyɔ.\" (Galatiatɔwo 5:19-21) Be nànya ne atikewɔmɔnua lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme la, bu nyabiase siawo ŋu:\nÐe atikewɔla la zãa gbɔgbɔyɔyɔa?\nÐe atikewɔlaa susui be ɖe nèdze agɔ le mawuwo dzi alo adzetɔwo gbɔe dɔa tsoa?\nÐe atikea wɔwɔ alo ezazã alɔ vɔsasa, gbesa, alo nuwɔna siawo ƒomevi ɖe emea?\n5. Ðe metsi dzi fũu akpa ɖe nye lãmesẽ ŋua? Biblia ɖo aɖaŋu be: \"Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.\" (Filipitɔwo 4:5) Nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàle fɔ ɖe \"nu siwo le vevie wu,\" abe mawusubɔsubɔ ene ŋu.—Filipitɔwo 1:10; Mateo 5:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/kristot%C9%94-atikew%C9%94w%C9%94\/","date":"2020-11-27T03:33:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968381524,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968381524085999}","num_words":237,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nÐe Abel nya be lã ƒe vɔsa hiã hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋua?\nBiblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Kain kple Abel ƒe vɔsasa ŋu le kpuie ŋutɔ. Míexlẽ le Mose I, 4:3-5 be: \"Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenu aɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o.\"\nWomegblɔ le Biblia me be Yehowa na vɔsawo alo vɔsa si ƒomevi adze eŋu ŋuti nyatakakawo koŋ do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia o. Eyata edze ƒã be Kain kple Abel ŋutɔwoe tia nusiwo woatsɔ asa vɔae. Woxe mɔ na wo be woagayi ɖe wo dzilawo ƒe Paradiso-ƒe gbãtɔa me o; nuvɔ̃ me tsonu va te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wo dzi; eye woɖe ɖe aga tso Mawu gbɔ. Nuvɔ̃me kple nublanuitɔ siwo wonye anya na wose le wo ɖokui me be ehiã be yewoatrɔ ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Nu nana Mawu anya nye nusi wowɔ kple lɔlɔ̃nu faa be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu.\nAbe alesi wova dzɔe ene la, Mawu xɔ Abel ƒe nunana gake mexɔ Kain tɔ ya o. Nukata? Ðe wòanye be Abel tsɔ nu nyuitɔ la na eye Kain ya menae oa? Míate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be nya ku ɖe nusi tɔgbe wona la ŋu o, elabena womegblɔ nusi nyo kple esi menyo o la na wo dometɔ aɖeke. Ke hã anye be evea sia nyo. Le Se si Yehowa va na Israel-dukɔa emegbe me la, menye lãwo kple lã ƒe akpawo koe vɔ siwo dzea eŋu la lɔ ɖe eme o ke elɔ nuku siwo womè, lubablawo, wɔ memee, numèmewo, kple wein hã ɖe eme. (Mose III, 6:19-23; 7:11-13; 23:10-13) Eme kɔ be menye nusiwo Kain kple Abel tsɔ na ɖeɖee na Mawu xɔ ɖeka hegbe evelia o.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 1:11; Amos 5:22.\nƑe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo gblɔ be: \"Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti.\" (Hebritɔwo 11:4) Eyata Abel ƒe xɔse tae Mawu bui ame dzɔdzɔe ɖo. Gake nuka dzixɔsee? Eyae nye ŋugbe si Yehowa do be yeana Dzidzimevi si 'agbã ta na da la' ahagbugbɔ ŋutifafa kple blibodede si me ameƒomea nɔ tsã la aɖo eteƒe la dzixɔxɔse. Nya si wogblɔ be 'woaɖu afɔkpodzi na' Dzidzimevia anya na Abel bui be ahiã be woasa vɔ si me woakɔ ʋu ɖi le. (Mose I, 3:15) Aleke kee wòɖale o, nya lae nye be xɔse si Abel ɖe fiae na eƒe 'numemea nyo wu Kain tɔ.' Susu sia ke tae wogbe Kain ɖo, menye le esi wòtsɔ nunana si tɔgbe mesɔ o na ta o, ke boŋ le esi xɔse menɔ esi o abe alesi eƒe nuwɔna ɖee fia ene tae. Yehowa na eme kɔ na Kain be: \"Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ.\" (Mose I, 4:7) Mawu megbe Kain le ŋudzedze makpɔmakpɔ ɖe eƒe nunana ŋu ta o. Ke boŋ 'esi eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi'—si me dziku, fuléle, kple mlɔeba amewuwu nɔ—tae Mawu gbe Kain ɖo.—Yohanes I, 3:12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020801\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-11-25T12:25:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141182776.11\/warc\/CC-MAIN-20201125100409-20201125130409-00681.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982977509,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982977509498596}","num_words":532,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"10 Fia Ahasweros ɖo dzizizidɔ na anyigba la kple ƒukpowo dzi nɔlawo. 2 Ke eƒe ŋusẽdɔwo kple dɔ gã siwo katã wòwɔ kpakple ale si fia do gã+ Mordekai+ ŋu nyawo katã la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia fiawo+ ƒe Ŋutinyagbalẽ me.+ 3 Elabena Yudatɔ Mordekai ye nye ame evelia kplɔ Fia Ahasweros ɖo. Exɔ ŋkɔ* le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo katã dea bubu eŋu, enɔ dɔ wɔm hena eƒe dukɔ la ƒe nyonyo, eye wòdia woƒe dzidzimeviwo katã ƒe dedienɔnɔ.*\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Wodea bubu eŋu ŋutɔ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"eye wòƒoa nu dia ŋutifafa na woƒe dzidzimeviwo katã.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/esta\/10\/","date":"2021-01-18T16:41:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703515075.32\/warc\/CC-MAIN-20210118154332-20210118184332-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991563559,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991563558578491}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe Si Me Wodzii: 1976\nDukɔ Si Me Wòtso: Honduras\nAme Si Wònye Tsã: Tsɔtsi aɖe ƒe pastɔ\nNYE ŊUTINYA\nWodzim le La Ceiba, Honduras. Mí ame atɔ̃ ye wodzi, nyee nye ɖevitɔ, eye nye koe nye ŋutsuvi le wo dome. Nye ɖeka hã koe nye tokunɔ le ƒomea me. Míaƒe ƒomea nɔ nuto aɖe si me nu vlo wɔwɔ xɔ aƒe ɖo la me, eye míeda ahe kolikoli. Agbea gava sesẽ ɖe edzi na mí wu esi tɔnye ku le afɔku aɖe me le dɔme esime mexɔ abe ƒe ene ene.\nNɔnye wɔ eƒe ŋutete katã be yeakpɔ nye kple daanyewo dzi, gake esesẽna nɛ ŋutɔ be wòakpɔ ga aƒle awu nam. Zi geɖe la, vuvɔ wɔnam ne tsi dzi, elabena vuvɔmewuwo menɔ asinye o.\nEsi menɔ tsitsim la, mesrɔ̃ Honduras Tokunɔgbe, si wɔe be metea ŋu ɖoa dze kple tokunɔ bubuwo. Gake nɔnye kple nɔvinyeawo menya Honduras Tokunɔgbea o, eya ta, asiwɔwɔ ɖe nya dzi ƒe dzesi ʋɛ aɖewo siwo woawo ŋutɔwo woto vɛ koe wozãna tsɔ ɖoa dze kplim. Gake nɔnye lɔ̃m, eye ekpɔa tanye ale be manɔ dedie. Togbɔ be nɔnye mese tokunɔgbea tututu o hã la, exlɔ̃a num be maƒo asa na nu gbegblẽwo abe sigaretnono kple aha tsu nono ene. Esia ta, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemeƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna gbegblẽ mawo dometɔ aɖeke me esime menɔ tsitsim o.\nEsime menye ɖevi la, nɔnye kplɔam míedea Katolikotɔwo ƒe tsɔtsi, gake nyemesea naneke gɔme o, elabena ame aɖeke meɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me nam o. Sɔlemedede va tsim ale gbegbe be medzudzɔ esime mexɔ ƒe ewo. Gake meganɔ didim kokoko be manya nu geɖe tso Mawu ŋu.\nLe ƒe 1999 me, esime mexɔ ƒe 23 la, medo go nyɔnu aɖe si tso Amerika, si nye evangelika sɔlemeha aɖe me tɔ. Esrɔ̃ Biblia kplim eye wòfiam Amerika Tokunɔgbe hã. Nu siwo mesrɔ̃ tso Biblia me la dzɔ dzi nam ale gbegbe be, metso nya me be mazu pastɔ. Eya ta, meʋu yi Puerto Rico ɖade suku aɖe si me wofiaa nu tokunɔwo le be woava nye mawunyagblɔlawo. Esi metrɔ gbɔ va La Ceiba le ƒe 2002 me la, xɔ̃nye aɖewo kpe ɖe ŋunye meɖo tokunɔwo ƒe tsɔtsi aɖe. Xɔ̃nye siawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Patricia la, va zu srɔ̃nye emegbe.\nEsi wònye be nyee nye pastɔ le míaƒe tsɔtsia me ta la, megblɔa mawunya le Honduras Tokunɔgbe me, eye metsɔa Biblia me ŋutinyawo ƒe nɔnɔmetatawo fiaa hameviawo, eye míewɔa ŋutinyawo ƒe wɔwɔfiawo hã ale be tokunɔwo nate ŋu ase nyawo gɔme. Azɔ̃ hã, meyina ɖasrãa tokunɔwo kpɔ le du siwo te ɖe mía ŋu la me be made dzi ƒo na wo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ. Mede mawunyadɔ gbe le Amerika kple Zambia gɔ̃ hã. Gake le nyateƒe me la, nyemenya nu boo aɖeke tso Biblia me o. Nu siwo amewo fiam kple ale si mese Biblia me ŋutinyawo ƒe nɔnɔmetatawo gɔme koe nye hã mefiaa amewo. Le nyateƒe me la, biabia geɖewo nɔ asinye siwo nyemekpɔ ŋuɖoɖo na o.\nEva dzɔ be nye tsɔtsia me tɔ aɖewo va nɔ alakpanyawo kakam tso ŋunye. Wonɔ gbɔgblɔm be menye aha tsu nola eye be mewɔ ahasi. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ, eye dzi kum vevie. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nye kple Patricia míedo le tsɔtsia me.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ\nTso ɣeaɖeɣi ke la, Yehowa Ðasefowo vaa nye kple Patricia gbɔ, gake míelɔ̃na ɖoa to wo gbeɖe o. Ke hã, esi míedo le míaƒe tsɔtsia me vɔ megbe la, Patricia va lɔ̃ be Ðasefo atsu kple asi aɖe, siwo ŋkɔwoe nye Thomas kple Liccy, la nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Ewɔ nuku nam be togbɔ be womenye tokunɔwo o hã la, wonya tokunɔgbea. Eya ta, eteƒe medidi o, nye hã meva kpe ɖe Patricia ŋu míenɔ nua srɔ̃m.\nMíezã Amerika Tokunɔgbe me videowo tsɔ srɔ̃ Biblia ɣleti aɖewo. Gake esi mía xɔlɔ̃ aɖewo va tso Yehowa Ðasefowo nu be amegbetɔwo yomedzelawoe wonye la, míedzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Togbɔ be Thomas va tsɔ nu siwo ɖo kpe edzi be menye kplɔla siwo nye amegbetɔwo la yomee Yehowa Ðasefowo dze o fiam hã la, nyemexɔe se o.\nƔleti aɖewo megbe, esi blanuiléledɔ sesẽ aɖe ɖe fu na Patricia la, edo gbe ɖa na Mawu be wòana Yehowa Ðasefowo nagava ye gbɔ ake. Esia megbe kpuie la, aƒelika aɖe si nye Yehowa Ðasefo la va srã Patricia kpɔ, eye wògblɔ nɛ be yeagblɔ na Liccy be wòava srãe kpɔ. Liccy ɖee fia be xɔlɔ̃ nyui ye yenye vavã. Evaa Patricia gbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa va dea dzi ƒo nɛ hesrɔ̃a Biblia kplii. Gake eganɔ sesẽm nam kokoko be maka ɖe Ðasefoawo dzi.\nLe ƒe 2012 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe. Le gbeƒãɖeɖedɔ ma me la, woma Honduras Tokunɔgbe me video si le DVD dzi, si ƒe tanyae nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? na tokunɔwo. Liccy va na video ma ƒe ɖeka mí. Esi mekpɔ videoa la, nye nu ku esi meva kpɔe be nu siwo mefia amewo va yi la dometɔ geɖe, abe dzo mavɔ kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafiawo ene la, metso Biblia me o.\nLe kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, meyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpataa me ɖaƒo nu kple Thomas. Megblɔ nɛ be medi be mafia Biblia me nyateƒea tokunɔwo, gake menye abe Yehowa Ðasefo ene o. Nye susue nye be maɖo nye ŋutɔ nye tsɔtsi bubu na tokunɔwo. Thomas kafum ɖe dzo yeye si ɖo menye la ta, gake etsɔ nya si le Efesotɔwo 4:5 la fiam. Afi ma te gbe ɖe edzi be, ehiã be nyateƒe Kristotɔwo ƒe hame la nawɔ ɖeka.\nThomas gatsɔ Amerika Tokunɔgbe me video bubu aɖe si ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la nam (Jehovah's Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness [Les Témoins de Jéhovah— La foi en action, 1re partie : La sortie des ténèbres]). Ale si ƒuƒoƒo sue aɖe dzro Biblia me veviedodotɔe be yewoase Biblia me nyateƒea ŋuti nufiafia veviwo gɔme la ŋutie videoa ku ɖo. Esime menɔ videoa kpɔm la, mese ale si ƒuƒoƒo ma me tɔwo se le wo ɖokuiwo me la gɔme. Nye hã menɔ nyateƒea dim abe woawo ke ene. Video ma na meka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea, elabena Biblia dzi koe wotu woƒe dzixɔsewo katã ɖo. Eya ta, megayi nye Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye le ƒe 2014 me la, nye kple Patricia míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.\nVIÐE SIWO MEKPƆ\nMelɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe hamea, elabe wole dzadzɛ, abe ale si Mawu le kɔkɔe ene. Woƒe dzadzɛnyenyea dzena le woƒe nuƒoƒo kpakple ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui me. Wonye ŋutifafamewo eye wodea dzi ƒo na wo nɔewo. Ðekawɔwɔ le Ðasefowo dome, eye dukɔ ka me woɖatso o, gbegbɔgblɔ ka kee woɖadona o, wo katã wofiaa Biblia me nyateƒe mawo ke.\nBiblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ do dzidzɔ nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e be Yehowa ye nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eye eyae nye Dziɖulagã si ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi. Elɔ̃ tokunɔwo kple ame siwo tea ŋu sea nu siaa. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be menyae be Mawu lɔ̃m. Mesrɔ̃e hã be anyigba azu paradiso nyui aɖe eye mɔkpɔkpɔ li be míava nɔ agbe tegbee le lãmesẽ deblibo me. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ŋugbedodo mawo ava eme la vevie!\nEdzɔa dzi na nye kple Patricia ŋutɔ be míafia Biblia tokunɔ bubuwo hã. Eye míele Biblia srɔ̃m kple tsɔtsi si me míenɔ tsã la me tɔ aɖewo fifia. Esime menye pastɔ la, biabiawo nɔ asinye ku ɖe nu siwo mefiana ŋu, gake fifia ya megale nenema o. Esi melɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim ta la, esia wɔe be meva kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo katã nɔ asinye la mlɔeba.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/biblia-le-amewo-%C6%92e-agben%C9%94n%C9%94-tr%C9%94m\/biabia-ge%C9%96ewo-n%C9%94-asinye\/","date":"2021-03-05T05:44:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178369721.76\/warc\/CC-MAIN-20210305030131-20210305060131-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992857575,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992857575416565}","num_words":1276,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbalẽ gbadza sia akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya Biblia la me tẽe navivi nuwò. Mawunyakpukpui siwo le memama ɖe sia ɖe te la fia afi si nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo wona xexlẽdzesii la axlẽ le wò Biblia me.\nNe èle mawunyakpukpuiawo sem la, de ŋugble tso ale si woɖo biabia siawo ŋui la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe be yeakpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le gɔmesese si le Ŋɔŋlɔawo ŋu la ŋuti.—Xlẽ Luka 24:32, 45.\nDe dzesii: Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ siwo katã woyɔ le agbalẽ gbadza sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/agbal%E1%BA%BD-gbadza-sia-na%C9%96e-vi-na-w%C3%B2\/","date":"2021-04-11T01:23:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038060603.10\/warc\/CC-MAIN-20210411000036-20210411030036-00195.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994035959,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994035959243774}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.296,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 137\nStanza 1\nGbɔgbɔ kɔkɔe, si tso dziƒo\nVa gbaɖegbe la yaƒoƒo\nKpakple dzo ƒ'a-ɖewo me la,\nI: Nɔ nusrɔ̃lawo ƒe dzi me :I\nStanza 2\nEdo ŋuse woƒe xɔse\nEye wòna nunya hã wo.\nWoƒe mɔkpɔkpɔ gbɔ agbe,\nI: Woƒe lɔlɔ̃ la zu yeye. :I\nStanza 3\nMíawo hã la míaƒe dziwo\nLe mɔ kpɔm na wò nunana,\nAbe ale si seƒoƒo\nI: Kpɔa mɔ na zãmu ene la. :I\nStanza 4\nVa míawo hã mía dziwo me\nEye nàwɔ wo me dzadzɛ!\nNa dzixɔse vavãtɔ mí\nI: Nàde lɔlɔ̃ ƒe dzo mía me! :I\nStanza 5\nNɔ kpli mí le tetekpɔ me\nXɔ na mí le fukpekpeme me!\nWò, Gbɔgbɔ kɔkɔe, nɔ mía me\nI:Nàkplɔ mí yi dzi gbaɖegbe! :I","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-137\/","date":"2021-04-21T05:04:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00046.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9922839999,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9922839999198914}","num_words":119,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le\n\"Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.\"—Lododowo 1:8.\nMÍA dzilawo—mía fofo kple mía dada—ate ŋu anye dzideƒonamelawo, kpekpeɖeŋunalawo, kple aɖaŋuɖola nyuiwo na mí. Woƒo nu tso fia ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Lemuel, amesi xɔ 'ɖɔɖɔɖonya kpekpe' aɖewo tso dadaa gbɔ ŋu le Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo me. Woŋlɔ nya siawo ɖe Lododowo ta 31 lia me, eye vidada sia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la ate ŋu aɖe vi na míawo hã.—Lododowo 31:1.\nAɖaŋuɖoɖo si Sɔ na Fia\nLemuel dada dze egɔme kple biabia geɖe siwo nyɔ míaƒe ɖetsɔleme ɖe edzi be: \"Oo vinye, oo nye dɔmevi, oo nye adzɔgbeɖeɖe ƒe vi!\" Eƒe kukuɖeɖe zi gbɔ zi etɔ̃ ɖe alesi gbegbe wòtsi dzi vevie be ye viŋutsua nalé to ɖe yeƒe nyawo ŋu la fia. (Lododowo 31:2) Alesi gbegbe wòtsi dzi ɖe via ƒe gbɔgbɔmenyonyo ŋui nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na dzila Kristotɔwo egbea.\nNuka ŋue vidada atsi dzi ɖo le via ƒe nyonyo me tsɔ wu le aglotutuwo kple wein nono amu blibaa, nyɔnuwo, kple hadzidzi ŋu? Lemuel dada yi nyaa gbɔ tẽ be: \"Megatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o.\" Egblɔ be tsatsa le nyɔnuwo dzi nye nuwɔna si 'gblẽa fiawo dome.'—Lododowo 31:3.\nMele be wòaɖe ŋu ɖi le ahatsunono tsitsri hã ŋu o. Dadaa xlɔ̃ nui be: \"Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o.\" Ne ahamumu dzi koe fia anɔ la, aleke eƒe susu me akɔ wòadrɔ̃ ʋɔnu si me susu le ale be \"[maŋlɔ] se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o\"?—Lododowo 31:4-7.\nGake ne fia tsri nɔnɔme gbegblẽ siawo la, ate ŋu \"[atso] afia ɖe eteƒe, eye [wòadrɔ̃] ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!\"—Lododowo 31:8, 9.\nTogbɔ be Kristotɔ sɔhɛwo manye \"fiawo\" egbea o hã la, Lemuel dada ƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ ɖe ɣeyiɣia nu na woawo hã, ne menye ɖe wòsɔ na wo wu boŋ o. Ahatsunono, atamanono, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖe sɔhɛwo dome egbea, eye ele vevie be Kristotɔ sɔhɛwo nalé to ɖe wo dzilawo ƒe nyawo ŋu ne wole 'nya kpekpewo' gblɔm na wo.\nNyɔnu Zazɛ̃\nVidadawo tɔ dzɔ be wotsia dzi ɖe alesi wo viŋutsu siwo le tsitsim la ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ava nɔ ŋu. Lemuel dada trɔ susu ɖe nyɔnu nyui ƒe nɔnɔmewo ŋu azɔ. Ðikeke mele eme o be aɖe vi geɖe na ɖekakpuiwo ne woabu nyɔnu ƒe nukpɔsusu le nya vevi sia ŋu la ŋuti.\nLe kpukpui 10 lia me la, wotsɔ \"nyɔnu zazɛ̃\" sɔ kple adzagba xɔasi si mebɔ o, eye ɖe wodzea agbagba blibo hafi kpɔnɛ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Nenema ke nyɔnu zazɛ̃ kpɔkpɔ bia agbagbadzedzee. Le esi teƒe be ɖekakpui natsi klokloklo age ɖe srɔ̃ɖeɖe me la, anyo nɛ wu be wòagbɔ dzi ɖi atia wo me. Ekema anya wɔ nɛ be wòade asixɔxɔ gã nyɔnu nyui si ŋu wòake ɖo la ŋu.\nWogblɔ le nyɔnu zazɛ̃ ŋu na Lemuel be: \"Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu.\" (Kpukpui 11) Ne míagblɔe bubui la, mele be srɔ̃aŋutsua nadi kokoko be ye srɔ̃ nabia gbe ye hafi awɔ nusianu si wòdi be yeawɔ o. Gake ele be srɔ̃tɔwo nalé nyawo akpɔ kple wo nɔewo hafi awɔ nyametsotso gãwo, si ƒe ɖewo ate ŋu aku ɖe nu xɔasiwo ƒeƒle alo ɖeviwo nyinyi ŋu. Dzeɖoɖo tso nya siawo ŋu ana woƒe ɖekawɔwɔ me nasẽ.\nGake dɔ geɖe li nyɔnu zazɛ̃ nawɔ. Woɖo aɖaŋuwo hegblɔ gɔmeɖosewo le kpukpui 13 vaseɖe 27 lia me siwo srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu azã le dzidzime ɖesiaɖe me wòaɖe vi na woƒe ƒomewo. Le kpɔɖeŋu me, esi nudodowo kple xɔmenuwo ƒe asi le dzi yim bobobo la, nyɔnu zazɛ̃ ate ŋu asrɔ̃ alesi wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ ahanya gadzikpɔkpɔ ale be eƒe ƒomea me tɔwo nakpɔ awu ado eye woƒe dzedzeme nanya kpɔ. (Kpukpui 13, 19, 21, 22) Be ƒomea ƒe gazazã ɖe nuɖuɖu ŋu dzi naɖe akpɔtɔ la, eƒãa nukuwo eye meƒlea nu ko yakatsyɔ o.—Kpukpui 14, 16.\nEdze ƒã be nyɔnu sia meɖua \"kuviabolo\" o. Ewɔa dɔ kple kutrikuku eye ekpɔa eƒe aƒemedɔwo dzi nyuie. (Kpukpui 27) Etsɔa \"ŋusẽ blaa ali dzii,\" si fia be enɔa klalo be yeawɔ dɔ sesẽ. (Kpukpui 17) Efɔna hafi agu dzena hedzea eƒe ŋkekea me dɔwo gɔme, eye ewɔa dɔ kutrikukutɔe vaseɖe zã me. Ðeko wòle abe ɖe akaɖi si wòsina tsɔ kpɔa nui ne ele dɔ wɔm la metsina o ene.—Kpukpui 15, 18.\nGawu la, nyɔnu zazɛ̃ la nye gbɔgbɔmeme. Evɔ̃a Mawu eye etsɔa bubu deto kple mawusosroɖa ƒe vɔvɔ̃ subɔnɛ. (Kpukpui 30) Ekpena ɖe srɔ̃aŋutsua ŋu hã be yewoahe yewo viwo be woawo hã navɔ̃e nenema ke. Kpukpui 26 lia gblɔ be: Etsɔa \"nunya\" fiaa nu viawoe, eye \"nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.\"\nŊutsu Zazɛ̃\nNe Lemuel ƒe nu alé dzi na nyɔnu zazɛ̃ la, ke ele nɛ be wòate ŋu atsɔ ŋutsu zazɛ̃ ƒe agbanɔamedziwo. Lemuel dada he eƒe susu yi agbanɔamedziawo dometɔ geɖe dzi.\nŊutsu zazɛ̃ axɔ kafukafu tso \"anyigba dzi ame tsitsiwo\" gbɔ. (Lododowo 31:23) Efia be anye ŋutsu zazɛ̃, anukwareɖila, amesi dzi woate ŋu aka ɖo, kple mawuvɔ̃la. (Mose II, 18:21; Mose V, 16:18-20) Ana be 'woadze sii le ʋɔnudrɔ̃ƒe,' afisi dumemetsitsiwo kpea ta ɖo kpɔa dua ƒe nyawo gbɔ. Be 'woadze sii' be enye mawuvɔ̃la la, ahiã be wòanye nugɔmesela si wɔa dɔ aduadu kple \"anyigba dzi\" me tsitsiwo, si anye le nutoa me.\nÐikeke mele eme o be nusiwo teƒe Lemuel dada ŋutɔ kpɔ dzie wònɔ te ɖo hafi ɖo ŋku alesi wòle vevie be viaŋutsua nakpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃anyɔnua ŋu la dzi nɛ. Mele be anyigbadzinɔla bubu aɖeke ƒe nu nalé dzi nɛ wui o. Eyata bu seselelãme si gbegbe adze le eƒe gbe me ŋu kpɔ le susu me, esi wògblɔ le amewo katã ŋkume be: \"Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!\"—Lododowo 31:29.\nEdze ƒã be Lemuel kpɔ ŋudzedze ɖe dadaa ƒe aɖaŋuɖoɖoawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míede dzesii le kpukpui 1 me be eyɔ dadaa ƒe nyawo be wonye yeƒe nyawo. Eyata ena dadaa ƒe 'ameɖɔɖonyawo' ɖo eƒe dzi gbɔ eye woɖe vi nɛ. Mina míatsɔ gɔmeɖose siwo le 'nya kpekpe' siawo me awɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me be wòaɖe vi na míawo hã.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nNyɔnu zazɛ̃ meɖua \"kuviabolo\" o","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000201\/Vidada-a%C9%96e-%C6%92e-A%C9%96a%C5%8Bu%C9%96o%C9%96o-si-Me-Nunya-Le\/","date":"2021-05-06T09:48:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988753.91\/warc\/CC-MAIN-20210506083716-20210506113716-00501.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998698175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986981749534607}","num_words":1010,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! February 2013 | Ablotsiyiyi—Eŋuti Drɔ̃ewo Kple Ale Si Wòle\nKuxi kawoe wodoa goe le duta?\nXlẽ nu tso nyadzɔdzɔwo kple nu dodzidzɔname siwo le edzi yim le xexea me godoo ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe mia kple srɔ̃wò mienɔa dzre dzi ɖaa? Xlẽ nu tso ale si Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mia kple srɔ̃wò ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe kakaɖedzi li be ne èʋu yi duta la, agbea adze edzi na wò ƒomea?\nINTERVIEW\nNufialagã Massimo Tistarelli gblɔ nu si tae megava xɔe se be agbea dzɔ le eɖokui si o.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nXlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Plato ƒe nufiafiawo va tsaka kple Kristotɔwo ƒe nufiafiawo la ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nXlẽ nu tso ale si Mawu ɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na ame dahewoe ŋu.\nWAS IT DESIGNED?\nAleke adoglo sia awɔ ati kpo tso teƒe gbadza aɖadze gli ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201302\/","date":"2021-05-17T10:33:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243992159.64\/warc\/CC-MAIN-20210517084550-20210517114550-00333.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990202188,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990202188491821}","num_words":153,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Agbe Va Le Nu Tsɛ Zum Wua?\n\"Enye xexe si me agbe nye nu tsɛ le. Woate ŋu axe pound [sterling] alafa ʋɛ aɖewo ko adɔ woawu ame eye amesiwo alɔ̃ faa awɔ dɔ ma mele vevem o.\"—The Scotsman.\nLe amedzidzedze aɖe si ʋuʋu xexeame katã le April 1999 me la, ƒewuivi eve ge ɖe Columbine Kɔledzi, le Littleton, Colorado, U.S.A., hewu ame 15 tagbɔsesẽtɔe. Numekuku ɖee fia be Internet dzi nyatakakanɔƒe nɔ amedzidzelaawo dometɔ ɖeka si, si dzi wòŋlɔ ɖo be: \"AME KUKUWO MEHEA NYA O!\" Amedzidzela evea siaa ku le afɔkua me.\nAMEWUWU bɔ ɖe afisiafi, eye ame gbogbo si womenya xexlẽme na o kuna veveseseku gbesiagbe. Le ƒe 1995 me la, South Africa, afisi wowua ame 75 le 100,000 ɖesiaɖe me le ye nye dukɔ si me wowu ame le wu le xexeame katã. Agbe megaɖi naneke kura le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me, afisi wowu amesiwo wu 6,000 le ƒe 1997 me le dunyahenyawo ta la me o. Ame dɔdɔ be woawu ame nye nusi bɔ. Nyatakaka aɖe gblɔ le dukɔ ma ŋu be: \"Nukutɔe la, ɖeviwo wuwu hã dzi ɖe edzi le dukɔ ma me: Le ƒe 1996 me la, wowu ɖevi 4,322, si nye dzidziɖedzi 40 le alafa me le ƒe eve pɛ ko me.\" Gake ɖeviwo gɔ̃ hã va le ame wum—wowua ɖevi bubuwo kple woawo ŋutɔ wo dzilawo. Agbe megaɖi naneke o vavã.\nNuka Gbɔe \"Amewuwu ƒe Numamezuzu\" Tso?\nNukae nudzɔdzɔ siawo kple akɔntabubuawo ɖe fia? Be ame geɖe megava le bubu dem agbe ŋu o. Amesiwo ŋusẽnɔƒe nɔnɔ kple ga biãa ŋu na wua amewo agɔ aɖeke madzemadzee. Atikevɔ̃ɖisitsala gãwo naa wowua ƒome blibowo. Wotrɔa ŋkɔ na woƒe amewuwuawo be megadze nu gbegblẽ boo o hezãa nya siawo abe amewo \"gbagbã,\" wo \"tsɔtsrɔ̃,\" wo \"ɖeɖe ɖa,\" alo wo \"nu tsitsi\" ene. Ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura kple gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura va gblẽ nyaa ɖe edzi eye wòna amegbetɔ ƒe agbe zu fefenu. Ewɔe be amewuwu va zu nusi dzena gbesiagbe le television dzi nyatakakawo me le xexeame katã.\nNe míetsɔ ŋutasesẽ kple anyrawɔwɔ siwo wokafuna le television kple sinimawo me kpe ɖe esiawo ŋu la, edze ko abe ɖe ku va zu nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe si dzi míaƒe xexeame va nɔ te ɖo ene. Encyclopædia Britannica gblɔ le nusia ŋu be: \"Le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu la, ewɔ nuku be ku va zu nyati si ŋu woƒoa nu le geɖe wu. Do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma la, ewɔ nuku be womeƒoa nu tso eŋu ale le dzɔdzɔmeŋutinunya deŋgɔ me, kple le mɔ aɖe nu la, le xexemenunyawo me o.\" Josep Fericgla, si nye amegbetɔwo ƒe dekɔnuwo ŋuti nufialagã si tso Catalonia gblɔ be \"ame ƒe kue nye nya si ŋu woƒoa nu le wu le hadome eyata eva zu nu vevi siwo ŋu amewo gblɔa woƒe nukpɔsusu le wu ɖesiaɖe la dometɔ ɖeka.\"\nÐewohĩ nusi ɖe dzesi wu le \"amewuwu ƒe numamezuzu\" sia ŋue nye dzixɔse si le ame geɖe si be ŋusẽ, gãnyenye, ga, kple dzidzɔkpɔkpɔ xɔ asi boo wu amegbetɔ ƒe agbe kple agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo.\nAleke \"amewuwu ƒe numamezuzu\" sia wɔna kakana? Nukae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe akɔ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ sia si ƒo xlã wo eye wòle nu gblẽm le wo viwo ŋu lae? Esiawoe nye biabia siwo ŋu míaɖo le nyati siwo kplɔe ɖo me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 4]\nHo Nenie Woxena ɖe Ame ƒe Agbe Ðeɖeɖa Ta?\n▪ \"Nuvlowɔha [siwo le Mumbai, India] me tɔ siwo nye ɖeviwo hiã ga ale gbegbe be woalɔ̃ awu ame ne woxe ga home si nye rupee 5,000 [dɔlar 115] pɛ ko na wo.\"—Far Eastern Economic Review.\n▪ \"Ewu Ame aɖe si Tso Eme Va Yina le Esi Wògbe be Yemanae Sigaret O Ta.\"—Tanya gã si dze le La Tercera me le Santiago, Chile.\n▪ \"Ga si anɔ dɔlar 7,000 koe hiã be woawɔ ɖoɖo ɖe amewuwu ŋu le Russia [le ƒe 1995 me] . . . Dɔdɔ be woawu ame dzi ɖe edzi ŋutɔ le ganyawo ƒe tɔtrɔ si va le kɔmiunist ɖoɖoa ƒe gbagbã le Russia vɔ megbe.\"—Moscow News si dona kwasiɖa ɖesiaɖe, abe alesi Reuters gblɔe ene.\n▪ \"Wolé xɔdzrala aɖe le Brooklyn . . . eye wotso enu be exe ga si nye dɔlar 1,500 ƒe akpa aɖe na ƒewuivi aɖe be wòawu ye srɔ̃nyɔnu funɔ kple nyɔnua dada.\"—The New York Times.\n▪ 'Ga si woxena be woawu ame le England ƒe home le ɖiɖim. Ga si woxena be woawu ame ɖiɖi tso pound 30,000 si woxena ƒe atɔ̃ siwo va yi dzi va ɖo home si anya xe bɔbɔe, si nye pound 5,000 vaseɖe 10,000.'—The Guardian.\n▪ 'Balkantɔwo ƒe Nuvlowɔhawo Na Mafiawo Megaɖi Naneke O. Enye nuvlowɔha ƒomevi yeye si zãa ɖoɖo kple avuwɔnu yeyewo. Bɔmbwo kple tu siwo dana trena ɖe nu le wo si wote ŋu zãna faa.'—Guardian Weekly.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000708\/%C3%90e-Agbe-Va-Le-Nu-Ts%C9%9B-Zum-Wua\/","date":"2021-05-16T04:11:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991659.54\/warc\/CC-MAIN-20210516013713-20210516043713-00545.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988273978,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988273978233337}","num_words":773,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa?\n'Kɔkɔeƒedela akpe gbogbo siwo do awu siwo nya kpɔ tso dukɔa ƒe akpa vovovowo, Indiatɔwo ƒe ƒuƒoƒowo le ɣe siwo woɖuna le wo de hafi Spaintɔwo va dze wo dzi la ɖum ɖe ʋuƒoƒowo dzi, eye tadeagula veviedonula siwo le agbagba dzem be yewoata ato amehawo dome ayi ɖe vɔsaxɔ me la yɔ gbedoxɔa ŋgɔ kple ablɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔa dzi.'\nALEAE nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Economista ɖɔ ameha gã aɖee le December 2001 me. Ɣemaɣi la, ame miliɔn etɔ̃ lɔƒo ɖi tsa yi gbedoxɔ si le Mexico City me ɖaɖe xɔse si le wo si ɖe Ðetugbi Nɔaƒe Guadalupe me fia. Amedzro geɖe srãa gbedoxɔ bubuwo, abe Ame Kɔkɔe Peter ƒe Gbedoxɔ si le Rome ene, hã kpɔna.\nGbedoxɔwo xɔa nɔƒe vevi aɖe le ame geɖe siwo dina be yewoasubɔ Mawu la ƒe dzime. Maria si tso Brazil gblɔ be: \"Nye la, gbedoxɔa nye afisi mate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli le. Enye teƒe kɔkɔe. Mexɔe se be gbedoxɔ me yiyi klɔa luʋɔ la ŋu eye be Misa mayimayi kple nuvɔ̃ me maʋumaʋu Kwasiɖa ɖesiaɖe nye nuvɔ̃.\" Consuelo si tso Mexico gblɔ be: \"Gbedoxɔa nyɔa seselelãme deto aɖe ɖe menye; medea asixɔxɔ eŋu vevie. Ne mele afima la, ewɔna nam abe dziƒoe mele ene.\"\nTogbɔ be ame aɖewo dea asixɔxɔ tadeaguƒewo ŋu hã la, ame bubuwo ya kea ɖi be womehiã o. Esi Peter Sibert, si nye Katoliko-nunɔla aɖe si le England nɔ nu ƒom tso nusitae ame ʋɛ aɖewo koe dea sɔleme ŋu la, egblɔ be: \"[Amewo] tiaa subɔsubɔ ƒe akpa si dzɔa dzi na wo. Ame tsitsi gbogbo aɖewo nye Katolikotɔwo eye wonɔa agbe ɖe enu—gake sɔhɛwo metsɔ ɖeke kura le eme o.\" London ƒe Daily Telegraph, November 20, 1998 tɔ, gblɔ be: \"Tso ƒe 1979 me ke la, wodzudzɔ gbedoxɔ 1,500 lɔƒo zazã le England ne wotsɔe sɔ kple gbedoxɔ 495 siwo zãm wole kple 150 siwo wogbugbɔ tu la.\"\nLe ƒe 1997 me la, Munich, Germany, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: \"Gbedoxɔwo trɔ zu sinimaxɔwo kple xɔdɔmewo: Xɔsetɔwo megale sɔleme dem o, wole tadeaguƒewo trɔm zu nu bubuwo wɔƒee. . . . Nusi le dzɔdzɔm le Netherlands alo le England la kee le dzɔdzɔm le Germany.\" Egblɔ kpee be: \"Woate ŋu akpɔ gbedoxɔ siwo ade 30 alo 40 siwo wodzra le ƒe ʋɛ siwo va yi me la le Germany.\"\nÐe gbedoxɔwo hiã kokoko le tadedeagu na Mawu mea? Ðe gbedoxɔ kple sɔlemexɔ gã nyadriwo ƒe kpɔɖeŋu aɖe le Ŋɔŋlɔawo mea? Xɔ kawo ƒomevie wonya be woawo mee wodea ta agu na nyateƒe Mawu gbagbe la le? Nukae míate ŋu asrɔ̃ le wo ŋu tso nusitae tadeaguƒewo hiã kple nusi wòle be woawɔ le afima ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021115\/Tadeagu%C6%92ewo-%C3%90e-M%C3%ADehi%C3%A3-Woa\/","date":"2021-06-19T06:15:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487643703.56\/warc\/CC-MAIN-20210619051239-20210619081239-00192.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998434186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984341859817505}","num_words":438,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMiva míkafu Mawu;\nNunyala kple ŋusẽtɔ gã.\nDɔmenyotɔ vavãtɔ,\n'Me si tɔgbi megali o.\nMawu wɔa nu dzɔtsuwo;\nAme ka axe mɔ\nNa eƒe ŋusẽ gã si\nWòtsɔ wɔa nu nyui sɔŋ?\nEkeke dziŋgɔli me\nAbe agbadɔ 'ne\nEtsɔ 'ƒe numenya ko\nWɔ xexe blibo la.\nStanza 2\nŊusẽ katã nye tɔwò,\nKpekpeɖeŋu hã tsoa gbɔwò.\nWò dɔwɔwɔwo katã\nLe kafuwòm, mía Mawu gã.\nMíawo hã míekpɔa dzidzɔ\nLe kafuhawo dzim.\nO Fofo, dziɖula gã,\nWòe kpɔa mí katã ta;\nÈl'a-gbe, le wò dɔ dzi,\nWò ŋu míeɖoa dzi ɖo,\nAme si lé xexeame\nKple 'menuwo ɖ'a-si.\nStanza 3\nAkpedada kple bubu\nMíetsɔ vɛ na wò, mía Mawu.\nMí, viwò beli siawo,\nL'a-seye tsom wò ŋusẽ ta.\nNa be míatsɔ dzideƒo\nKple dzigbɔɖi vavã\nAnɔ te sesiẽ ɖaa si,\nLe fu kple xaxa me!\nEkema ne míeɖu dzi\nTo wò ŋusẽ me la,\nMíadzi akpedahawo\nYi ɖe mavɔ me ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-21\/","date":"2021-06-14T11:36:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00412.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960546494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960546493530273}","num_words":149,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE vɔ̃ɖi wu kpododonu? Eyae nye yaɖidzidzedzekpɔkpɔ alo alakpadzidzedzekpɔkpɔ. Elabe ne èdo kpo nu le nanewɔwɔ me la, àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Ne mète ŋu ɖɔ nɔnɔmea ɖo o hã la, àsrɔ̃ nu tso nu si dzɔa me ahaɖoe kplikpaa be yeawɔe wòanyo wu ɣebubuɣi.\nGake mele alea le yaɖidzidzedzekpɔkpɔ ya gome o. Ana nàsusui be yele dzidzedze kpɔm, evɔ wòhenye to boŋ yim nèle hafi. Kaka nàva nya la, gbada yi.\nBu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Yesu bia kpɔ be: \"Viɖe kae wòanye na ame, ne xexe blibo la katã zu etɔ, gake wòbu eƒe luʋɔ?\" (Mateo 16:26) Nya sia sɔ kple ame siwo tia ga kple nu siwo ga ate ŋu aƒle la yome ŋkubiãtɔe, elabe nu sia tututue nye yaɖidzidzedzekpɔkpɔ. Dɔwɔwɔŋutiɖaŋuɖola Tom Denham ŋlɔ bena: \"Mɔkpɔkpɔ be woagado ye ɖe ŋgɔ le dɔ me ale be ɖoƒe gã nasu ye si kple ga geɖe alo nunɔamesi geɖe kpɔkpɔ ko ŋu bubu meɖia kɔ na ame o. Esusu be gakpɔkpɔe nye dzidzedzekpɔkpɔ nye nuŋumabumabu yi ŋgɔe si nana be ame va ɖia gbɔlo mlɔeba.\"\nEdze ƒãa be ame geɖe alɔ̃ ɖe nya sia dzi egbea. Esi wobia gbe amewo le United States la, woyɔ nu 22 be \"woawoe nana wokpɔa dzidzedze,\" eye \"ga geɖe ƒe amesinɔnɔe\" nye nu 20 lia le nu siwo woyɔ la dome. Nu gbãtɔ siwo woyɔ la dometɔ aɖewoe nye lãmesẽ, ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo kpakple dɔwɔɖui si wɔwɔ vivia ame nu.\nEme kɔ be ame geɖewo tea ŋu dea vovototo yaɖidzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ vavã dome, ne wobia gbe wo. Gake mele bɔbɔe kura be ame natso nya me wòaɖee afia be ekpɔ nu si dzidzedzekpɔkpɔ vavã nye dzesii o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201410\/dzidzedzekp%C9%94kp%C9%94-vav%C3%A3-alo-ya%C9%96idzidzedzekp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2021-06-24T22:54:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488559139.95\/warc\/CC-MAIN-20210624202437-20210624232437-00292.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974687696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974687695503235}","num_words":281,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu Gbɔ\nBE ŊUTILÃMEKESINƆNU geɖe nasu ame si la, ehiã be woawɔ dɔ geɖe eye woatsɔ nu geɖe asa vɔe. Nenema kee wòle le kesinɔtɔzuzu le Mawu gbɔ hã gome. Nya si Yesu gblɔ be, \"Midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo\" la anya lɔ nya sia ɖe eme. (Mateo 6:20) Gbɔgbɔmekesinɔnuwo mesua ame si agbagbamadzemadzee o. Abe ale si ko ga gbogbo aɖe meva nɔa ame ƒe ŋkɔ me le gadzraɖoƒe ne enya ŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe afi ma ɖeɖe ko o la, nenema kee subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa menana ame zua kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o. Ame kple Mawu dome ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo, gbɔgbɔmemezuzu, kple kesinɔtɔnyenye le Mawu gbɔ bia tameɖoɖo kplikpaa, ɣeyiɣi geɖe, agbagbadzedze vevie, kple nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe.—Lododowo 2:1-6.\nEvea Siaa Ate Ŋu Asu Asiwòa?\nÐe ame mate ŋu anye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ eye kesinɔnu geɖe hã nanɔ esi oa? Ðewohĩ ate ŋui, gake nu siawo dometɔ ɖeka ko yome ame ate ŋu ati dzidzedzetɔe. Yesu gblɔ be: \"Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.\" (Mateo 6:24b) Nu ka tae? Elabena gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple ŋutilãmekesinɔnuwo yome titi tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Ðeka doa kplamatse nɔvia. Eya ta hafi Yesu nagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo gbɔgbɔmekesinɔnuwo nu ƒu la, egblɔ be: \"Midzudzɔ nu xɔasiwo nuƒoƒoƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi.\"—Mateo 6:19, NW.\nNu kae adzɔ ne ame aɖe ŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi hedze agbagba be yeati gbɔgbɔ me kple ŋutilã me kesinɔnuwo siaa yome? Yesu gblɔ be: \"Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia.\" (Mateo 6:24a) Ne wotina evea siaa yome, eye wokpɔa gbɔgbɔmenuwo gbɔ abe sedede dzi wɔwɔ ko ene kura gɔ̃ hã la, ame ate ŋu ase le eɖokui me be gbɔgbɔmegbanɔamedziwo le kplamatse dom ye. Le esi teƒe be ame naɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la, ate ŋu ava nɔ ga kple nu siwo wòate ŋu aƒle bum be wonye nu vevi siwo akpe ɖe ye ŋu yeakpe akɔ kple agbemedzimaɖitsitsiwo. Ðeko wòle abe ale si Yesu gblɔe ene be: \"Wò dzi anɔ afi si wò kesinɔnuwo le la ɣesiaɣi.\"—Mateo 6:21, Today's English Version.\nEle vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble le Biblia me ɖaŋuɖoɖo sia ŋu vevie hafi atso nya me le nu si ŋu wòazã eƒe ɣeyiɣi ɖo, si ŋu eƒe dzi kple susu aku ɖo la ŋu. Esi wònye be Mawu meɖo seɖoƒe na kesinɔnu agbɔsɔsɔme si nu Kristotɔ ate ŋu aƒo ƒu o ta la, mefia be mahe to na ŋubiãlawo o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, nu gblẽna le ame siwo ŋea aɖaba ƒua Biblia me ɖaŋuɖoɖoa dzi heɖonɛ kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la ŋu le gbɔgbɔ me, susu me, kple seselelãme gome. (Galatiatɔwo 6:7) Nu si to vovo na emae nye be, Yesu gblɔ be ame siwo tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu la akpɔ dzidzɔ. (Mateo 5:3) Kakaɖedzitɔe la, mía Wɔla kple Via wonya nu nyuitɔ kekeake si ana míakpɔ dzidzɔ ahanɔ dedie!—Yesaya 48:17, 18.\nTiatia Aɖe Si Mave Wò Kpɔ Gbeɖe O\nAzɔ kae nàtia, Mawu loo, alo Kesinɔnuwo? Susu le eme be ele be míadi ɣeyiɣi na míaƒe ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔkpɔ. Paulo gblɔ le lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo me be: \"Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.\" Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo hã be womegatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo ga dzi o, ke boŋ ɖe Mawu dzi, eye \"bene woawɔ dɔmenyo.\" (Timoteo I, 5:8; 6:17, 18) Nu ka ŋue wò susu anɔ? Nu ka yomee nàti? Le dɔ nyui siwo ŋu Paulo ƒo nu tso dome la, vevitɔae nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Ne Kristotɔwo lɔ̃ faa be yewoanɔ agbe tsɛ, menye kple susu be yewoaɖe yewoƒe dɔwɔnawo dzi kpɔtɔ ahaɖu agbe o, ke boŋ kple susu be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe dɔ vevi sia me geɖe wu la, ekema wole \"gɔmeɖoɖoanyi nyui [ɖom] hena ɣeyiɣi si gbɔna\" le xexe yeye si ŋugbe Mawu do me. Eye fifia kura gɔ̃ hã la, wogblɔna tso dzi blibo me be, 'Aleke gbegbe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ƒe ame si susu mehenyo wu sikae o!'—Timoteo I, 6:19; Lododowo 16:16; Filipitɔwo 1:10.\nBu nu si me Eddie to ŋu kpɔ. Enye sɔhɛ esime eƒe ƒometɔwo va zu Yehowa Ðasefowo. Eva dzɔ be, eƒe ƒomea ƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ eye esia wɔe be aƒe megava nɔ wo si o. Eddie gblɔ be: \"Nu si ɖea fu nam edziedzie nye, ale si míawɔ ne naneke kura megava le mía si o. Eva dzɔ nenema hã. Ènya nu si dzɔa? Naneke megblẽ le mía ŋu o! Míekpɔa nu ɖuna, noa nu, hekpɔa awu dona. Yehowa kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nunɔamesi bubuwo va su mía si. Nudzɔdzɔ sia na mekpɔ vevienyenye si le ŋugbe si Yesu do le Mateo 6:33 la ŋu dze sii—be ne míetsɔ Mawu Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, mehiã be míatsi dzi le ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu o.\" Eddie kple srɔ̃a le woƒe ɣeyiɣiawo katã zãm fifia le wo nɔviwo srãm kpɔ hele ŋusẽ dom wo le hame vovovowo me abe subɔla mɔzɔlawo ene. Ŋutilãmenu si wohiã la sua wo si. Vevietɔ wu la, wonye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ.\nViɖe Siwo Mele Xexlẽ Me O\nTo vovo na anyigbadzikesinɔnu, siwo fiafitɔwo ate ŋu ava fi la, gbɔgbɔmekesinɔnuwo ya ate ŋu anɔ anyi ɖaa. (Lododowo 23:5; Mateo 6:20) Enye nyateƒe be mele bɔbɔe be woadzidze ŋgɔyiyi si ame wɔ le gbɔgbɔ me o. Mele bɔbɔe be woanya afi si ame wɔ ŋgɔyiyi va ɖo le lɔlɔ̃, dzidzɔ, alo xɔse ɖeɖe fia me abe ale si wòle bɔbɔe be woanya ga home si le ame si le gadzraɖoƒe la ene o. Gake xexlẽme meli na viɖe siwo wokpɔna tso gbɔgbɔmekesinɔnuwo me o. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eyomedzela siwo agblẽ woƒe aƒewo kple agblewo, ẽ, nu siwo nu wonɔa agbe ɖo ɖi, ahati gbɔgbɔmenuwo yome ŋu la, egblɔ be: \"Vavã mele egblɔm na mi bena: Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.\"—Marko 10:29, 30.\nNu kae nàtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Mawu loo, alo kesinɔnuwo?—g6\/07.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]\nŊutilãmekesinɔnuwo yome tim nèle loo, . . .\n. . . alo gbɔgbɔmetɔ-woea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200707\/Didi-Be-Woazu-Kesin%C9%94t%C9%94-Le-Mawu-Gb%C9%94\/","date":"2021-06-16T02:04:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621699.22\/warc\/CC-MAIN-20210616001810-20210616031810-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976269007,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976269006729126}","num_words":1110,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 103\nStanza 1\nAvi mafa vevie ŋutɔ,\nYesu ƒe fu gbã nye dzi.\nƔe ŋutɔ hã megaklẽ o,\nKpe gbadzawo gɔ̃ hã wó!\nLe fuwɔametogbe la dzi.\nYesu kpe fu vevie ŋ'tɔ.\nEkpe fu l'aɔ̃titsoga ŋu\nYi ɖase ɖe ku me ke.\nStanza 2\nNye aɖatsiwo le gegem,\nEƒe fifia trɔ zu ʋu.\nLɔlɔ̃ ƒe ʋu la le ɖuɖum\nTso Aƒetɔ ƒe dzi me.\nWode abi nye ɖela ŋu,\nTsikɔ wu Mawuvi la.\nWohe Yesu ɖe ati ŋu,\nMekpɔ kpeɖeŋutɔ o.\nStanza 3\nO ŋɔdzinu ka enye sia?\nYesu, kpɔ nye nublanui!\nNye dzi le konyi fam ŋutɔ,\nNyee wɔ nu vevi sia wò;\nDɔmedzoe gɔ̃ medo na wò,\nMede abi wò dzi ŋu;\nGake wò la èlɔ̃m ŋutɔ,\nWò lɔlɔ̃ la gbã nye dzi.\nStanza 4\nNyemaŋlɔ wò be akpɔ o,\nWòe wu nuwo katã nu.\nWòe ku le atitsoga ŋu,\nBene nye manɔ agbe.\nAzɔ medze sii kɔtee be,\nWò ʋu klɔa ame ŋuti.\nTo wò abi kɔkɔe la me,\nNye hã mayi dziƒo ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-103\/","date":"2021-09-20T04:57:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00633.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988626242,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998862624168396}","num_words":164,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NYE XƆSE?\nLe Biblia ƒe nya nu la, \"xɔse\" fia be woaka ɖe nu si ŋu kpeɖodzi sẽŋu le la dzi. Ame si xɔ Mawu dzi se la kana ɖe edzi be Mawu ana Eƒe ŋugbedodowo katã nava eme.\nALEKE MOSE ÐE XƆSE FIAE?\nNyametsotso siwo Mose wɔ le agbe me la ɖee fia be exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. (1 Mose 22:15-18) Mɔnukpɔkpɔ su Mose si be wòaɖu agbe le Egipte hafi, gake ena mɔnukpɔkpɔ ma to eŋu \"eye wòtiae be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu, wu be yeakpɔ gome le nu vɔ̃ ƒe vivisese me hena ɣeyiɣi vi aɖe ko.\" (Hebritɔwo 11:25) Ðe esia nye nyametsotso si wòwɔ eŋumabumabui si va vee emegbea? Ao, elabena Biblia gblɔ be Mose 'yi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.' (Hebritɔwo 11:27) Meve Mose kpɔ gbeɖe be yewɔ nyametsotso siwo ɖee fia be yexɔ Mawu dzi se o.\nMose kpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaxɔ Mawu dzi ase. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esi wòdze abe woxaxa Israel-viwo ɖo ɖe Farao ƒe aʋakɔwo kple Ƒudzĩa dome ŋu kpɔ. Esi vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo le esi wòwɔ na wo be afɔku lili yewo ta la, wodo ɣli yɔ Yehowa kple Mose. Afɔ kae Mose aɖe?\nAnɔ eme be Mose menya be Mawu ama Ƒudzĩa me be Israel-viwo nakpɔ mɔ asi o. Ke hã, Mose ka ɖe edzi be Mawu awɔ nane atsɔ akpɔ Eƒe amewo ta. Eye Mose di be kakaɖedzi ma ke nanɔ ye nɔvi Israel-viwo hã si. Biblia gblɔ be: \"Mose gblɔ na dukɔ la bena: 'Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, ale si Yehowa le mia ɖe gee egbe.'\" (2 Mose 14:13) Ðe Mose te ŋu tu Israel-viwo ƒe xɔse ɖoa? Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso Mose kple Israel-viwo siaa ŋu be: \"Le xɔse me woto Ƒudzĩ la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene.\" (Hebritɔwo 11:29) Xɔse si nɔ Mose si la ɖe vi na eya ŋutɔ kple ame siwo katã srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu la siaa.\nNU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME?\nMíate ŋu asrɔ̃ Mose ne míeɖenɛ fiana le míaƒe nyametsotsowo me be míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. Le kpɔɖeŋu me, Mawu do ŋugbe be yeakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí ne míetsɔ yeƒe subɔsubɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Mateo 6:33) Nyateƒee, esia ate ŋu asesẽ, le esi ame akpa gãtɔ tsɔa ŋutilãmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me egbea ta. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be ne míewɔ mía tɔ si nua be míanɔ agbe tsɛ, eye míena mawusubɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí la, Yehowa ana nu siwo katã míehiã la mí. Edo ŋugbe be: \"Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.\"—Hebritɔwo 13:5.\nMíawo hã míedzea agbagba be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woatsi le xɔse me. Le kpɔɖeŋu me, dzila ɖɔŋuɖowo nyae be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na yewo be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu be woatu xɔse ɖo. Ne ɖeviwo le tsitsim la, ele vevie be woanya be Mawu li, eye be ena nu siwo wòle be míawɔ kple nu siwo mele be míawɔ o la ŋuti sewo mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woaka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ. (Yesaya 48:17, 18) Viɖe gãwo dona tsoa eme ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu woxɔe se be Mawu \"li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.\"—Hebritɔwo 11:6, Agbenya La.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130201\/mose-ame-si-si-x%C9%94se-le\/","date":"2021-09-20T02:44:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780056974.30\/warc\/CC-MAIN-20210920010331-20210920040331-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989264011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989264011383057}","num_words":575,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 125\nStanza 1\nKpɔ mavɔfiakuku kɔkɔe\nLe nye ɖela kpl'a-ƒetɔ ta!\nEsi wòtsɔ xɔxɔ vɛ nam\nHeŋlɔ agbenyawo ɖo ɖem.\nStanza 2\nDzodzro nye dzitsinya dahe\nDia sitsoƒe, wòadzudzɔ le.\nMía gbɔgbɔ kple dzi gbagbã ŋe,\nSe ɖe míakpɔ wò ɖeka ko.\nStanza 3\nWò nyateƒe yayrawo nyo,\nWò sededewo le kɔkɔe,\nWò ŋugbedodo nye vavã,\nLi ke mía gbɔgbɔ la sesiẽ.\nStanza 4\nÐe nu si amewo gblɔna,\nNadze dzinye kple ŋɔdzi gã?\nMabu wo nu dzodzrowo ko,\nWò nya pɛ ko nɔa 'nyi ɖikaa!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-125\/","date":"2021-09-27T07:56:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00457.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983590841,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983590841293335}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.145,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 413\nStanza 1\nMavɔ me ŋdikekeli,\nKekeli tso kekeli me!\nÐo wò kekeli ɖe mí,\nBe newòaklẽ na mí ŋdi sia;\nEye wò ŋusẽ naɖu mía zã dzi.\nStanza 2\nNa wò ŋdizãmu nyui la\nNadza ɖe mía dzi gbɔdzɔ me,\nNe míakpɔ ŋutifafa\nKple akɔfafa vavãtɔ!\nNàgbɔ 'gbe wò hame la\nGbe sia gbe!\nStanza 3\nNa wò lɔlɔ̃ nade dzo\nMìaƒe dɔ maɖidɔwo me!\nNyɔ mìa dzi kple gbɔgbɔ siaa\nLe ŋdi ƒ'a-gudzedze sia me,\nBene míafɔ ɖe tsitre\nAnɔ 'gbe!\nStanza 4\nWò, Aƒetɔ kple fia gã,\nNa bena mía ŋutilã sia\nNafɔ kpakple dzidzɔ gã\nLe ŋkeke mamlɛtɔ la dzi!\nNublanuikpɔkpɔla, xɔ mí\nÐe gbɔwò!\nStanza 5\nWò, mavɔ me kekeli,\nVa klẽ ɖe afi ma na mí!\nVa kplɔ mí tso afi sia\nYi ɖe anyigba nyui ma dzi,\nLe dzudzɔ mavɔ la me\nAƒetɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-413\/","date":"2021-09-27T06:48:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00493.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9880176783,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9880176782608032, \"ajg_Latn_score\": 0.01200059987604618}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 213\nStanza 1\nXɔla la ƒe dzɔdzɔenyenye\nKple 'ƒe ʋu nye nye atsyɔ̃wu;\nNe medoe la, nyemavɔ̃ o,\nŊu mele kpe nye ge kpɔ o.\nStanza 2\nMawu ƒ'a-lẽvi kɔkɔe la\nNa eƒe agbe kple ʋu faa\nÐe míaƒe nu vɔ̃wo keŋ ta,\nEya ta 'ya nye mía ɖela.\nStanza 3\nXɔla, maɖo ŋu ɖe ŋuwò,\nWòe xe nye nu vɔ̃ fe katã.\nVɔ̃, siwo katã mewɔ la,\nFofo la atsɔ wo akem.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-213\/","date":"2021-09-23T17:42:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00671.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965111017,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965111017227173}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 363\nStanza 1\nWò, Mawuvi, nye nye kekeli,\nNye kplɔla nyui hã nènye ɖaa.\nWò, wò ko metsɔ ɖokuinye na,\nNye ŋutilã kple luʋɔ siaa!\nNyemaganɔ ɖokuinye si o,\nWò ko nànye kplɔla nam ɖaa he!\nNàkplɔm adoe, akplɔm avɛ.\nAƒetɔ, se nye kukuɖeɖe,\nEye nàkplɔm le nu sia nu me;\nWò manɔme nyemazɔ o.\nStanza 2\nNe wòekplɔm la, nyematra mɔ o;\nWò nya lia ke ɖikeɖikaa.\nWòegblɔ be, ye ŋku akplɔm dedie,\nYe ŋkume anɔ ŋgɔnye zɔm.\nNa wò nublanuikpɔkpɔ naxɔm,\nAlém ɖ' asi sesĩe, anɔ kplim!\nNye hã viwò ko manye ɖaa,\nMayɔ wò ŋkɔ le nusianu me;\nNe èdɔm la, mawɔ wò nya dzi.\nAƒetɔ, xɔ nam gbesiagbe!\nStanza 3\nWò koe nya ŋutifafamɔ la\nKple mɔxenu, siwo li, hã.\nEya ta nàhem tso mɔ sia mɔ,\nSi akplɔm yi nu vɔ̃ me, dzi!\nMègana matra mɔ gbeɖe o,\nNu dzodzroa-ɖeke nagablem o,\nNe nua le dzedzem nyui gɔ̃ hã.\nNàlé nye luʋɔ ɖ'a-si sesiẽ,\nWò ŋku nanɔ ŋunye ɖaa vevie!\nManɔ ŋudzɔ ado gbe ɖa.\nStanza 4\nAƒetɔ, nawɔm viwò vavã,\nSi aɖo to wò ɖaa tegbee!\nWò lɔlɔ̃nu kɔkɔe blibo la\nNafia nye mɔ kple taɖoƒem!\nNyemegale nu bubu dim o,\nNaneke megale dzroyem o,\nNegbe wò ŋkɔ ƒe bubu ko.\nEya ko ta manɔ agbe ɖo,\nNaneke magablem tso 'gbɔ o;\nTɔwò ko menye keŋ azɔ.\nStanza 5\nNa wò Gbɔgbɔ nakplɔm gbe sia gbe,\nNe manɔ gbe dom ɖa na wò!\nMadzra wò nya ɖo le nye dzi me,\nNe wòado ŋusẽ nye luʋɔ.\nNa bena, mazɔ le wò ŋkume,\nAŋlɔ nu si le megbenye be,\nNàhe nye dzi ɖe gbɔwò ko!\nNa wò agbe natsi le menye,\nNe nàkpɔ kutsetse tso gbɔnye;\nNàtrɔ nye nɔnɔme blibo!\nStanza 6\nAle makpɔ dzidzɔ gbesiagbe,\nMadzudzɔ le akɔwò me.\nTso wò agbɔsɔsɔ gbãgo me\nMaxɔ amenuveve ɖaa.\nAzɔ madze agbagba vevie,\nEye manɔ klalo naku.\nVa kplɔm, naxɔm tso xexe sia me,\nBene mava nɔ gbɔwò tegbee,\nAkpɔ agbe mavɔmavɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-363\/","date":"2021-09-23T17:19:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00707.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973604679,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973604679107666}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 332\nStanza 1\nLe nuwɔnawo keŋ me\nMaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu,\nAkpe ɖe ŋutinye;\nNe 'ya le gbɔnye ɖaa la,\nEkema nu si mawɔ,\nAdze dzi nam l'a-fi sia 'fi.\nStanza 2\nNe nane dzɔ ɖe dzinye,\nMawɔ gbɔ ko wòtso va,\nEya ta anyo nam.\nNu si nyo Mawu ŋu la,\nAnyo nye hã ŋunye tsã:\nEƒe lɔlɔ̃nu neva me!\nStanza 3\nEya ŋu maɖo ŋu ɖo,\nEtsɔ beléle gã la,\nKpɔ dzinye le vɔ̃ me.\nNe mewɔ eƒe nya dzi,\nVɔ̃ magblẽ nye luʋɔ o;\nYayra sɔŋ ko maxɔ ɖaa si.\nStanza 4\nTsɔ nuvɔ̃wo katã kem\nLe wò 'menuveve ta,\nTutu ye dzidada!\nMegadrɔ̃ ʋɔnum bla o,\nNakpɔ ye nublanui boŋ\nEye nagbɔ dzi ɖi nam ɖaa!\nStanza 5\nNe zã do ɖem vĩ hã la,\nŊu nyuia ɖe ake ɖem tsã.\nFi sia 'fi si mele,\nLe fukpekpewo keŋ me,\nNu si ava dzinye hã:\nEƒe nya ko afa 'kɔ nam.\nStanza 6\nEƒe asi me mele,\nManɔ agbe, aku nɛ\nLe eƒe lɔlɔ̃ nu;\nEgbe aloo etsɔ la\nManɔ klalo nɛ ko ɖaa;\nEnya ɣeyiɣi si nyo nam.\nStanza 7\nEya ta azɔ, luʋɔ,\nÐo ŋu ɖe eŋu blibo;\nEya nye wò wɔla!\nNu sia nu neva faa ko,\nFofowò, si le dziƒo,\nMagblẽ wò ɖi 'kpɔ gbeɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-332\/","date":"2021-09-27T07:28:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00673.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9947868586,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9947868585586548}","num_words":210,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.284,"stopwords_ratio":0.171,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya vɔ̃wo dzɔna ɖe ame sia ame dzi. Biblia gblɔ be: \"Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, . . . elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\" (Nyagblɔla 9:11) Esia nye nyateƒe le sɔhɛ aɖewo siwo dzi nya vɔ̃wo dzɔ ɖo hã gome. Aleke wowɔ te ŋu nɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu? Se wo dometɔ eve aɖewo ƒe ŋutinyawo ɖa.\nREBEKAH\nDzinyelawo gbe wo nɔewo esime mexɔ ƒe 14.\nNyemexɔe se be dzinyelawo le wo nɔewo gbem ŋutɔŋutɔ o, ewɔ nam abe ɖeko tɔnye di be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga vie ene. Elɔ̃ nɔnye ŋutɔ, ke nu ka tae wòdzo le egbɔ ɖo? Nu ka tae wòadzo le gbɔnye ɖo?\nEsesẽna nam be maɖo dze tso nu si nɔ dzɔdzɔm la ŋu na ame aɖe. Medi be maɖe nya mawo katã ɖa le susu me. Dzi kuam vevie, gake nye ŋutɔ nyemenyana ɣeaɖewoɣi hã o. Metsia dzimaɖi vevie, eye alɔ̃ menya dɔna nam o.\nEsi mexɔ ƒe 19 la, kansa wu nɔnye. Tsi metoa nye kplii dome o.\nEnye nyateƒe be ete ɖe dzinye vevie esi dzinyelawo gbe wo nɔewo, gake nɔnye ƒe ku ya gbã dzi nam ale gbegbe. Mekpɔ fa nam o. Alɔ̃ meganya dɔna nam kura o, eye megatsia dzimaɖi kokoko.\nGake mekpɔe be nu geɖewo li mate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu mí tso ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu, eye mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi.\nEye esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, medzea agbagba xlẽa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ dedziƒonameawo. Agbalẽ siawo dometɔ aɖe si kpe ɖe ŋunye esime dzinyelawo nɔ wo nɔewo gbem lae nye Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, ele yevugbe me. Meɖo ŋku edzi be mexlẽ Babla 2 lia ƒe nyati si nye: \"Ðe Mate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Dzila Ðeka Ƒe Dzikpɔkpɔ Tea?\"\nBiblia me nya vevi siwo kpena ɖe ŋunye menɔa te ɖe nye dzimaɖitsitsia nu la dometɔ ɖekae nye esi dze le Mateo 6:25-34. Le kpukpui 27 lia me la, Yesu bia be: \"Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui * ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?\"\nNya vɔ̃wo dzɔna ɖe mí katã dzi, gake mesrɔ̃e le nɔnye ƒe kpɔɖeŋua me be ale si míenɔa te ɖe wo nui la le vevie. Eto nu geɖe me. Atsuƒe gblẽ nɛ, eye wòdze dɔ aɖe si womate ŋu ada o. Gake le wo katã me la, dzi meɖe le eƒo o, eye xɔse sẽŋu gakpɔtɔ nɔ esi va se ɖe eƒe kugbe. Nyemaŋlɔ nu siwo wòfiam tso Yehowa ŋu la be gbeɖe o.\nCORDELL\nEsi mexɔ ƒe 17 la, mekpɔ tɔnye ƒe ku teƒe. Tɔnye ƒe kue nye nya vɔ̃ gãtɔ kekeake si dzɔ ɖe dzinye kpɔ. Nye dzi gbã gudugudu.\nEwɔna nam be meku ŋutɔŋutɔ o, menye tɔnyee nye ema wotsyɔ avɔa na o. Megblɔna na ɖokuinye be, 'Ele fɔfɔ ge etsɔ.' Gbɔgblɔ bu ɖem.\nYehowa Ðasefowoe nye kple dzinyelawo míenye, eye míaƒe hametɔwo kpe ɖe mía ŋu ale gbegbe esi tɔnye ku. Wona nuɖuɖu mí, wova nɔa mía gbɔ, eye womegblẽa mí ɖi o, eye wowɔ esia ɣeyiɣi didi aɖe. Woƒe kpekpeɖeŋu siawo katã gaɖo kpe edzi nam be Kristotɔ vavãwoe Yehowa Ðasefowo nye.—Yohanes 13:35.\nMawunyakpukpui aɖe si de dzi ƒo nam ŋutɔ lae nye 2 Korintotɔwo 4:17, 18. Egblɔ be: \"Togbɔ be ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o koe wònye hã la, ehea ŋutikɔkɔe gã mavɔ si ƒoa nu sia nu ta sãsãsã la vanɛ na mí; esi míenana míaƒe ŋkuwo nɔa nu siwo wokpɔna la ŋu o, ke boŋ nu siwo womekpɔna o la ŋu. Elabena nu siwo wokpɔna la nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko, ke nu siwo womekpɔna o ya nɔa anyi tegbee.\"\nMawunyakpukpuia ƒe akpa mamlɛtɔa wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ɣeyiɣi vi aɖe ƒe nu koe tɔnye ƒe fukpekpea nye, gake nu siwo ƒe ŋugbe Mawu do be yeawɔ na mí le etsɔme ya anɔ anyi tegbee. Tɔnye ƒe kua na megbugbɔ ŋku lé ɖe nye agbenɔnɔ ŋu hetrɔ asi le nye agbemetaɖodzinuwo hã ŋu.\nBu nya sia ŋu: Aleke nya vɔ̃ dzɔɖeamedzi ate ŋu ana be ame nagbugbɔ ŋku alé ɖe eƒe agbemetaɖodzinuwo ŋu?—1 Yohanes 2:17.\n^ mm. 14 Abɔklugui nye nudzidzenu, eye abɔklugui ɖeka anɔ abe sentimeta 45 ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/aleke-maw%C9%94-an%C9%94-te-%C9%96e-nya-v%C9%94%CC%83wo-nu\/","date":"2021-11-29T00:59:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358673.74\/warc\/CC-MAIN-20211128224316-20211129014316-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988588095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988588094711304}","num_words":693,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Tia nyabiase si do dzidzɔ na wò la le ete.\nMawu\nBiblia\nYesu\nGbɔgbɔmenutowo Me\nAgbe Kple Ku\nFukpekpe\nDzixɔsewo Kple Subɔsubɔ\nAgbenɔnɔ Kple Agbe Nyui Nɔnɔ\nNa Yehowa Ðasefowo Nasrɔ̃ Biblia Kpli Wò\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nNa Yehowa Ðasefowo nava dzro Biblia me nyati aɖe me kpli wò, alo be nàte míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/","date":"2021-11-28T21:22:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358591.95\/warc\/CC-MAIN-20211128194436-20211128224436-00047.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994328022,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994328022003174}","num_words":100,"character_repetition_ratio":0.094,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":",\nKweku Ananse alo Anansi nye ayiyi. Eƒe dzigbe nye Kuɖa. Eƒe dukɔ nye Gana.\nEƒe agbe.\nKweku Ananse le eviawo etɔ. Eƒe dada nye Asaase Yaa. Eƒe fofo nye Nyame. Ntikuma nye Kweku Ananse ƒe viŋutsuvi la. Yaa nye Kweku Ananse ƒe srɔ la.\nEƒe edɔ.\nAmewo le Ananse ƒe nutsinyawo suagbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/ee.kasahorow.org\/node\/1395000","date":"2021-12-06T16:50:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964363309.86\/warc\/CC-MAIN-20211206163944-20211206193944-00493.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.993014276,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9930142760276794}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.14,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 280\nStanza 1\nYesu Kristo kpɔ nye nublanui,\nNublanuikpɔkpɔ medzem o.\nEya ta nukunu ko mabui,\nNye dzi vɔ̃ɖi medii kpɔ o.\nAzɔ medze sii, kpɔ dzidzɔ\nI: Makafu nublanuikpɔkpɔ! :I\nStanza 2\nFiƒode koe nye nu si dze nam;\nGake la Mawu ve nunye.\nEtsɔ nye nu vɔ̃wo katã kem,\nTsɔ Via ƒe ʋu klɔ ŋutinye.\nNu ka ŋuti wòwɔ esia?\nI: Nublanuikpɔkpɔ wònye nam! :I\nStanza 3\nMaʋu esia me ɖaa gbe sia gbe\nLe Mawu kpl'a-mewo ŋkume.\nNye la nyemebua ɖokuinye be,\nMedze na eƒe lɔlɔ̃ o.\nMadze klo nɛ 'ye makafu\nI: Eƒe nublanuikpɔkpɔ ko! :I\nStanza 4\nEya ko ŋu maƒo 'degbe le;\nNaneke maxe mɔ nam o!\nLe nye gbedodoɖa katã me\nMaɖo ŋu ɖe eya ko ŋu;\nEya ŋuti makpe fu ɖo,\nI: Manɔ edzi le ku me hã! :I\nStanza 5\nWò nublanuikpɔkpɔ la sɔ gbɔ;\nMègaɖee ɖa le dzinye o!\nNa mato ku me ava gbɔwò,\nLe viwò Yesu ƒe ku ta!\nAfi ma dzi ladzɔm tegbee,\nI: Be Yesu kpɔ nye nublanui! :I","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-280\/","date":"2022-01-28T12:17:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966174364,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966174364089966}","num_words":170,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wonɔ Te Ðe Yometiti Nu Dzidzedzetɔe\nWODZI Frieda Jess le ƒe 1911 me le Denmark, afisi woa kple edzilawo ʋu tso yi Husum le dziehe Germany. Ƒe aɖewo megbe la, ekpɔ dɔ le Magdeburg, eye le ƒe 1930 me la, exɔ nyɔnyrɔ zu Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii. Hitler xɔ ŋusẽ le ƒe 1933 me, eye le Frieda gome la, esia nye ƒe 23 ƒe funyafunyawɔame ƒe gɔmedzedze, menye le ŋutasẽdziɖuɖu ɖeka ko te o, ke boŋ le eve te.\nLe March ƒe 1933 me la, Germany dziɖuɖua na woda akɔ le dukɔ bliboa me. Ðk. Detlef Garbe, si nye Neuengamme Fuwɔamegaxɔ Ŋuti Blemanudzraɖoƒe si te ɖe Hamburg ŋu dzikpɔla, ɖe nu me be: \"Sosialist Dunyahehaa di be ame gbogbo aɖewo nada akɔ na yewoƒe ametiatia kple ŋgɔxɔla Adolf Hitler.\" Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woagaƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o eye be 'woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o' la dzi, eyata womeda akɔa o. Nukae esia he vɛ? Woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa nu.—Yohanes 17:16.\nFrieda yi eƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo dzi le adzame, hekpe asi ɖe Gbetakpɔxɔ tata ŋu gɔ̃ hã. Egblɔ be: \"Wotsɔa magazine aɖewo ɣlana yina na mía hati xɔsetɔwo le fuwɔamegaxɔwo me.\" Adzamekpovitɔwo lée le ƒe 1940 me hebia gbee, eye emegbe wodee ameɖekɛgaxɔ me ɣleti geɖe. Aleke wònɔ te ɖe nɔnɔmea nui? Egblɔ be: \"Gbedodoɖae nye nye sitsoƒe. Medzea gbedodoɖa gɔme ŋdi kanya, hedonɛ ɖa zi geɖe le ŋkekea me. Gbedodoɖa do ŋusẽm hekpe ɖe ŋunye be nyemetsia dzi akpa o.—Filipitɔwo 4:6, 7.\nWova ɖe asi le Frieda ŋu, gake le ƒe 1944 me la, Adzamekpovitɔawo galée ake. Fifia ya, wotso afia nɛ be wòanɔ gaxɔ me ƒe adre le Waldheim. Frieda yi edzi be: \"Gaxɔdzikpɔlawo na mewɔa dɔ kple nyɔnu bubuwo le nugododeƒewo. Zi geɖe la, mía kple nyɔnu aɖe si tso Czechoslovakia lae wɔa dɔ, eyata megblɔ nya geɖe nɛ tso Yehowa kple nye xɔse ŋu. Dzeɖoɖo mawo lém ɖe te.\"\nWoɖe Asi le Eŋu Ɣeyiɣi Kpui Aɖe\nSoviet-srafowo ɖe asi le Waldheim-gaxɔmenɔlawo ŋu le May ƒe 1945 me, eye Frieda kpɔ mɔ trɔ yi Magdeburg ɖawɔ eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe. Ðasefoawo gazu amesiwo wogatɔ ŋkui ake, fifia ya, Teƒe Siwo Soviettɔwo Xɔ la dzi ɖulawoe tɔ ŋku wo. Gerald Hacke, si le Hannah-Arendt-Institute si nye Ŋutasẽdziɖuɖu Ŋuti Numekuƒe ŋlɔ bena: \"Yehowa Ðasefowoe nye ƒuƒoƒo ʋɛ siwo yome woti ɣesiaɣi kloe le dzizizidziɖuɖu eve siwo ɖu Germany dzi te la dometɔ ɖeka.\"\nNukatae wogaɖe ŋku tɔ wo ake? Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade koŋue ganye nyaa. Le ƒe 1948 me la, woda akɔ le East Germany, eye abe alesi Hacke ɖe nu mee ene la, \"nusi koŋ tae [woti Yehowa Ðasefowo yome ɖo] enye be womekpɔ gome le akɔdadaa me o.\" Le August ƒe 1950 me la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le East Germany. Wolé ame alafa geɖe, eye Frieda hã nɔ wo dome.\nFrieda gakpɔ eɖokui le ʋɔnudrɔ̃ƒe ake, eye wotso afia nɛ be wòayi mɔ ƒe ade. \"Fifia ya la, mía kple haxɔsetɔwoe, eye hadede kpli wo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.\" Esi woɖe asi le eŋu le ƒe 1956 me la, eʋu yi West Germany. Frieda, amesi xɔ ƒe 90 fifia eye wòle Husum la, kpɔtɔ le Mawu vavã, Yehowa, subɔm.\nFrieda to yometiti me ƒe 23 sɔŋ le dzizizidziɖuɖu eve te. \"Nazitɔwo dze agbagba be yewoagblẽ donyeme; Kɔmiunisttɔwo te kpɔ be yewoaɖe dzi le ƒonye. Afikae mekpɔ ŋusẽa tsoe? Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui si nɔ asinye esime míenɔ ablɔɖe me, gbedodoɖa edziedzi esime woɖem ɖe aga, hadede kple haxɔsetɔwo ɣesiaɣi si wòanya wɔ, kpakple nuƒoƒo tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe mee na ŋusẽm.\"\nFasi Dziɖuɖu le Hungary\nDukɔ bubu si me Yehowa Ðasefowo to ƒe geɖe ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu me le enye Hungary. Wo dometɔ aɖewo to yometitiwo me, menye le ŋutasẽdziɖuɖu eve te o, ke boŋ etɔ̃ te. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Ádám Szinger. Wodzi Ádám le Paks, Hungary, le ƒe 1922 me eye wonyii le Protestant subɔsubɔ me. Le ƒe 1937 me la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo yi Ádám gbɔ le eƒeme, eye wòɖe ɖetsɔleme fia enumake ɖe gbedasia ŋu. Nusiwo wòsrɔ̃ le Biblia me na eme kɔ nɛ be yeƒe sɔlemehaa ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Biblia o. Eyata edo le Protestant Sɔlemehaa me hewɔ ɖeka kple Biblia Nusrɔ̃viawo le woƒe dutoƒo subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.\nFasi dziɖuɖua va nɔ ŋusẽ geɖe kpɔm le Hungary. Kpovitɔwo kpɔ Ádám wònɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme zi geɖe eye wolée hebia gbee. Nyaƒoɖeamenu siwo me tom Ðasefoawo nɔ nu va sẽ ɖe edzi, eye le ƒe 1939 me la, woxe mɔ ɖe woƒe dɔwo nu. Le ƒe 1942 me la, wolé Ádám ɖade gaxɔ me heƒoe kutɔkutɔe. Nukae kpe ɖe ƒe 19 vi sia ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe fukpekpe kple ɣleti geɖe ƒe gaxɔmenɔnɔa nu? \"Esime menɔ aƒeme la, mesrɔ̃ Biblia vevie eye Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋuti gɔmesese veviwo su asinye.\" Ádám do le gaxɔ me hafi xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Zãtsiƒee wona nyɔnyrɔe le August 1942 me, le tɔsisi aɖe si te ɖe eƒe aƒe ŋu me.\nGaxɔmenɔnɔ le Hungary, Dɔsesẽwɔsaɖa me Nɔnɔ le Serbia\nLe xexemeʋa evelia wɔɣi la, Hungary va wɔ ɖeka kple Germany wowɔ aʋa tsi tre ɖe Soviet Union ŋu, eye le ƒe 1942 ƒe adame la, wolé Ádám be wòawɔ asrafodɔ. Eka nya ta be: \"Megblɔ na wo be nyemate ŋu awɔ asrafodɔ o le nusi mesrɔ̃ le Biblia me ta. Meɖe nye akpaɖekedzimademadea me na wo.\" Wotso afia nɛ be wòayi mɔ ƒe 11. Gake Ádám menɔ Hungary ɣeyiɣi didi o.\nLe ƒe 1943 me la, wolé Yehowa Ðasefo siwo ade 160 de tɔdziʋuwo me ku to Danube-tɔsisia dzi yi Serbia. Ádám nɔ wo dome. Hitler ƒe Nazi Dziɖuɖua tee gamenɔla siawo va nɔ azɔ le Serbia. Wosika wo ɖe dɔsesẽwɔsaɖa me le Bor hezi wo dzi be woawɔ dɔ le akɔblikuƒe. Ƒe ɖeka lɔƒo megbe la, wogatrɔ wo yi Hungary, afisi Soviet-srafowo ɖe asi le Ádám ŋu le, le ƒe 1945 ƒe adame.\nHungary le Kɔmiunist Dziɖuɖu ƒe Ŋusẽ Te\nGake ablɔɖea menɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Le ƒe 1940-awo ƒe nuwuwu la, Kɔmiunist dziɖuɖu si nɔ Hungary la ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔwɔwo dzi, abe alesi Fasi dziɖuɖua wɔ do ŋgɔ na aʋaa ene. Le ƒe 1952 me, esi Ádám, amesi xɔ ƒe 29 eye srɔ̃ kple vi eve nɔ esi ɣemaɣi la, gagbe be yemawɔ asrafodɔ o la, wolée hetsɔ nya ɖe eŋu. Ádám ɖe nu me na ʋɔnudrɔ̃ƒea be: \"Esia menye zi gbãtɔ megbe be nyemawɔ asrafodɔ o. Le aʋawɔɣia la, wodem gaxɔ me eye woɖom ɖe Serbia le nya ma ke ta. Megbe be nyemawɔ asrafodɔ o le nye dzitsinya ta. Yehowa ƒe Ðasefoe menye, eye nyemehea dunya o.\" Wotso afia be Ádám nayi mɔ ƒe enyi, eye emegbe woɖe edzi va ƒe ene.\nWoyi edzi ɖe ŋku tɔ Ádám vaseɖe ƒe 1970-awo ƒe domedome, si nye ƒe 35 kple edzivɔ tso esime Biblia Nusrɔ̃viwo va srãe kpɔ zi gbãtɔ le edzilawo ƒeme. Le ɣeyiɣi siawo me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe 6 tso afia nɛ wònɔ mɔ ƒe 23, le gaxɔ kple asaɖa vovovo ewo ya teti me. Eto yometiti me atraɖii le dziɖuɖu etɔ̃ te—Fasi dziɖuɖu si nɔ anyi do ŋgɔ na Hungary-ʋaa, Germanytɔwo ƒe Sosialist Dziɖuɖu si nɔ Serbia, kple Kɔmiunist dziɖuɖu si nɔ Hungary le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ŋɔli.\nÁdám kpɔtɔ le wo de Paks, le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Ŋusẽ tɔxɛ aɖee nɔ esi si na wòte ŋu nɔ te ɖe fukpekpewo nu dzidzedzetɔea? Ao. Eɖe eme ale:\n\"Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple hadede kple haxɔsetɔwo nɔ vevie. Gake madi be maƒo nu tso nu bubu eve aɖewo hã ŋu. Gbã la, Yehowae nye ŋusẽ Tsoƒe. Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kplie nye nu vevitɔ si kpe ɖe ŋunye. Evelia, mena Romatɔwo ta 12 lia nɔ susu me nam, afisi gblɔ be: 'Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o.' Eyata nyemelé ame aɖeke ɖe dɔ me o. Mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye be maɖo eteƒe na yonyemetilawo, gake nyemewɔ nenema gbeɖegbeɖe o. Mele be míazã ŋusẽ si Yehowa naa mí atsɔ aɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒee o.\"\nYometitiwo Katã ƒe Nuwuwu\nFrieda kple Ádám te ŋu le Yehowa subɔm fifia kplamatsedodo aɖeke manɔmee. Gake nukae nuteƒekpɔkpɔwo abe wo tɔa ene ɖe fia ku ɖe subɔsubɔhawo yometiti ŋu? Eɖee fia be yometiti mawo mekpɔa dzidzedze o—vevietɔ ne nyateƒe Kristotɔwo dzie wohee vae. Togbɔ be wozã nu gbogbo aɖewo le Yehowa Ðasefowo yometiti ta, eye wòhe fukpekpe geɖe va wo dzii hã la, woƒe taɖodzinua meva eme o. Egbea la, Yehowa Ðasefowo le dzidzedze kpɔm le Europa, afisi dzizizidziɖuɖu gã eveawo kpɔ ŋusẽ le kpɔ va yi la.\nAleke Ðasefoawo wɔ nu ɖe yometiti ŋui? Abe alesi Frieda kple Ádám ƒe ŋutinyaa ɖee fiae ene la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siae wotsɔ wɔ dɔe: \"Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.\" (Romatɔwo 12:21) Ðe nyui ate ŋu aɖu vɔ̃ dzi nyateƒea? Ẽ, ne etso Mawu dzixɔse sẽŋu me. Yehowa Ðasefowo ƒe aʋadziɖuɖu le yometiti me le Europa nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe aʋadziɖuɖu, si nye nyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ si dona tsoa xɔse si gbɔgbɔ kɔkɔea nana Kristotɔ ɖokuibɔbɔlawo ɖena fiana me la ɖeɖe fia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le ŋutasesẽ ƒe xexe si li egbea me la, emae nye nusi míate ŋu asrɔ̃ tso eme.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]\nFrieda Jess (si woyɔna be Thiele azɔ) le ɣeyiɣi si me wolée, kple fifia\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]\nÁdám Szinger, le ɣeyiɣi si me wònɔ gaxɔ me, kple fifia","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030301\/Won%C9%94-Te-%C3%90e-Yometiti-Nu-Dzidzedzet%C9%94e\/","date":"2022-05-28T17:59:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663016949.77\/warc\/CC-MAIN-20220528154416-20220528184416-00672.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987972379,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987972378730774}","num_words":1549,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dr. Samuel Kwadwo Frimpong, ame si nye aɖaŋuɖola ku ɖe ga-ɖoɖowo ŋu alo 'Technical Advisor' le Dukplɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ ƒe dɔwɔƒea mea, ɖee gblɔ be ame siwo kata akpɔ mɔ awɔ dɔ le dziɖuɖu ƒe ɖoɖo yeye si wòhe ɖe go hena dɔwɔɖuia manɔanyi ŋutsitsi ŋu si woɖe ŋkɔ na kpuie be, NaBCO tea, woawoe akpɔ dɔ gbã nenye be mɔnukpɔkpɔ υu hena amexɔxɔ ɖe dziɖuɖu dɔwɔƒewo me.\nLe eƒe nya nua, dɔwɔwɔ le NaBCO ɖoɖoa tea, ana nuteƒeƒekpɔkpɔ geɖe amewo alebe woateŋu atu ɖe edzi awɔ dɔ le teƒe bubuwo adodoe, ematae dziɖuɖu anawo dɔ nenye be mɔnu dze.\nEde dzesie be, nu ɖeka aɖe si wɔnɛ be godola le suku kɔkɔwo woame akpa gãtɔ meteŋu kpɔa dɔ enumake oa, nye be, nuteƒekpɔkpɔ si dɔtɔwo kpɔa mɔ naa, menɔa wosi o, si wòbe, NaBCO akpe ɖe gomekpɔlawo ŋu be, ema, naɖo wosi.\nDr. Frimpong he nya siawo ɖe go le eƒe nuƒo me le abɔtaƒoƒo wɔna aɖe na national service wɔlawo ɖoɖo te anyi le Ho nutoa me.\nEƒo nu tso NaBCO ɖoɖoa ŋu be enye ɖoɖoa aɖe si dzi dziɖuɖua ato ahatsi dɔmakpɔwɔ ƒe nya si dzi dem le Ghana dukɔ mea, ŋu. Ede dzesie be, ƒe sia ƒe, nenye be amewo wu suku kɔkɔwo ŋu he wɔ ƒe-ɖeka ƒe akpedada na dziɖuɖua (national service) vɔa, mama ɖe alafa dzi ewo koe kpɔa dɔ eye memama blaasiekɛ mamlɛawoa, tsia anyi heƒoa kpolokpolo na dɔwɔɖuiawo.\nDr. Frimpong, ame si nye aɖaŋudelawo le NaBCo ɖoɖoa dede tome ŋu wodometɔ ɖeka, be nudzɔdzɔ siawo tae wòhia be ɖoɖo sia nava ɖo eyata, amewo newɔ eŋuti dɔ kple susu be, womagatsi asi o.\nEdoe ɖa ha be, amewo nagaɖo to nya aɖe siwo gblɔm amewo le tso ga home si woaxe na ɖoɖoa te nɔlawo la ŋuti o, ke boŋ woabu mɔnukpɔkpɔ siwo wòahe vɛ nawoa, ko ŋu.\nEŋlɔla: Bubune Bernice\/voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/nabco-d%C9%94w%C9%94lawo-anye-gomekp%C9%94la-gbat%C9%94wo-le-dzi%C9%96u%C9%96u-d%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/","date":"2022-05-20T22:41:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662534693.28\/warc\/CC-MAIN-20220520223029-20220521013029-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978892803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978892803192139}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zi ɖeka ƒe sia ƒea, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi, abe ale si wòde se ene be: \"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\"—Luka 22:19.\nNya Siwo Amewo Biana Edziedzi\nƔeyiɣi didi kae wɔnaa axɔ?\nAxɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene.\nNu kawoe ayi edzi le Ŋkuɖodziwɔnaa me?\nWoadzi ha eye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla aɖe ado gbe ɖa woatsɔ adze wɔnaa gɔme, eye woagawɔe nenema ke atsɔ akpa wɔnaa. Wɔnaa ƒe akpa vevi aɖee nye Biblia me nuƒo si woaƒo atsɔ aɖe vevienyenye si le Yesu ƒe kua ŋu kple ale si nu si Mawu kple Yesu wɔ na mí la ate ŋu aɖe vi na mí la me.\nNe èle numekɔkɔ geɖee dim la kpɔ nyati si nye \"Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/%C5%8Bku%C9%96odzi\/","date":"2022-05-25T23:29:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662594414.79\/warc\/CC-MAIN-20220525213545-20220526003545-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994088411,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994088411331177}","num_words":138,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"28\nWoxɔ mí nyuie le Mɔlta\n1 Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo. 2 Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.\n3 Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. 4 Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, \"Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.\"\n5 Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o. 6 Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.\nPaulo ƒe nukunuwɔwɔwo\n7 Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8 Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. 9 Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu. 10 Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.\nPaulo ɖo Roma\n11 Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me. 12 Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13 Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. 14 Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.\n15 Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, \"Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.\" Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.\n16 Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi.\nPaulo gblɔ mawunya le Roma abe gamenɔla ene\n17 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, \"Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. 18 Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. 19 Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. 20 Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.\"\n21 Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, \"Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. 22 Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.\"\n23 Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. 24 Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o. 25 Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, \"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,\n26 \" 'Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be,\n\"Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o.\nMiaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.\"\n27 Elabena miaƒe dziwo ku atri,\nmiaƒe towo sẽ, eye miesea nu o,\neye miemiã miaƒe ŋkuwo.\nNe menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo,\nase nu kple miaƒe towo,\nase nu gɔme kple miaƒe dziwo,\neye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.'\n28 \"Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.\" [ 29 Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.]\nTaƒonya\n30 Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me. 31 Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/ACT28.htm","date":"2022-06-29T13:42:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103639050.36\/warc\/CC-MAIN-20220629115352-20220629145352-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998472929,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984729290008545}","num_words":1074,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutinya Si Doa Ŋusẽ Xɔse Hedea Dzi Ƒo Na ame Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine\nABE alesi ko woti ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo yome ene la, nenema ke wòle dzɔdzɔm ɖe Mawu ƒe amewo dzii egbea. (Mateo 10:22; Yohanes 15:20) Teƒe ʋɛ aɖewo koe yometiti nɔ anyi eteƒe didi alo enu sẽ wu Ukraine tɔ, afisi woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu le ƒe 52 sɔŋ.\nMawu ƒe ame siwo le dukɔ ma me ƒe ŋutinya le 2002 Yearbook of Jehovah's Witnesses me. Enye ŋutinya si ku ɖe xɔse, dzinɔameƒo, kple ŋusẽ si woɖe fia le ɣeyiɣi vɔ̃wo me ŋu. Nya siwo gbɔna la nye ŋudzedzekpɔkpɔɖeŋunya siwo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine la xɔ:\n\"Mexlẽ 2002 Yearbook la vɔ. Ðeko mewó avi esime menɔ miaƒe dɔwɔwɔwo le Ukraine ŋuti nyatakakawo xlẽm. Medi be mana mianya alesi gbegbe miaƒe dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu kple miaƒe xɔse sẽŋu la de dzi ƒo namee. Enye adegbeƒoƒo nam be mele gbɔgbɔmeƒome ma ke me abe miawo ke ene. Meda akpe na mi tso dzime ke!\"—Andrée, France.\n\"Nyemate ŋu ada akpe na mia kple Yehowa ɖe 2002 Yearbook la ta o. Aɖatsi nɔ gegem le mo nam esi menɔ nɔvi siwo gblẽ woƒe ƒe veviwo le gaxɔ me kple fuwɔamegaxɔwo me la ƒe nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo xlẽm. Woƒe dzinɔameƒoa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Togbɔ be ƒe 27 enye esia si menye Ðasefo hã la, magate ŋu asrɔ̃ nu tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu mawo gbɔ. Wodo ŋusẽ dzixɔse si le asinye ɖe míaƒe Dziƒofofo, Yehowa, ŋu.\"—Vera, tsã Yugoslavia.\n\"Dzidzɔe metsɔ le lɛta sia ŋlɔm le dzidodo kple nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si mieɖo le tsitretsiɖeŋu ƒe ƒe mawo katã me ta. Miaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la he kafukafu vɛ na mi. Gakpe ɖe eŋu la, miaƒe ɖokuibɔbɔ le dodokpɔwo me la gado ŋusẽ nye kakaɖedzi be Yehowa megblẽa eƒe amewo ɖi o. Le dzinɔameƒo, tenɔnɔ sesĩe, kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui si mieɖo ta la, míate ŋu atsɔ míaƒe fukpekpe suewo bɔbɔe wu.\"—Tuteirihia, French Polynesia.\n\"Esi mexlẽ Yearbook la vɔ la, ele nam be maŋlɔ agbalẽ na mi. Nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonameawo katã wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enye adegbeƒoƒo nam be menye habɔbɔ wɔɖeka wɔnuteƒe sia, si Fofo ɖetsɔlemetɔ lɔ̃ame, si doa ŋusẽ mí le ɣeyiɣi si sɔ dzi la, le mɔ fiamee la me tɔ. Alesi Yehowa subɔla dzinɔameƒotɔ veviedola geɖewo kpe fui vevie eye wobu woƒe agbe gɔ̃ hã na melé blanui. Gake dzi dzɔm hã elabena ame gbogbo aɖewo srɔ̃ nyateƒea heva nya mía Fofo lɔlɔ̃tɔ la le woƒe dzinɔameƒo kple veviedodo ta.\"—Colette, Netherlands.\n\"Ele kokoko na mía kple srɔ̃nye be míaŋlɔ agbalẽ na mi be esi míexlẽ Ukraine ŋutinyaa le Yearbook la me la, eʋã dzi na mí ale gbegbe. Mi nɔvi wɔnuteƒewo mieɖo dzidodo le ɣeyiɣi didi aɖe ƒe nɔnɔme sesẽ ŋutɔwo me ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ. Ne míetsɔe sɔ kple nya si le Lododowo 27:11 la, aleke gbegbee Yehowa akpɔ dzidzɔe nye si be wòakpɔ be nɔvi wɔnuteƒe gbogbo siwo le Ukraine lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi maʋãmaʋãe togbɔ be Abosam to mɔ vɔ̃ geɖewo dzi ɖe wo ŋu hã.\"—Alan, Australia.\n\"Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam esi mexlẽ nu tso nɔvi siwo le Ukraine ŋu. Wodo dzi le nu geɖe ŋutɔ me—gaxɔmenɔnɔ ƒe geɖe, fuwɔamewo, ameteteɖeanyi, kple ƒomea me tɔwo dome kaklã. Medi be magblɔ na nɔvi siwo katã gakpɔtɔ le miaƒe hamewo me be melɔ̃ wo hedea bubu wo ŋu ŋutɔ. Woƒe dzinɔameƒo kple tenɔnɔ sesĩe ye do dzidzɔ nam nenema gbegbe. Menya afisi woƒe ŋusẽdodoa tso, Yehowa ƒe gbɔgbɔe do ŋusẽ wo. Yehowa tsɔ ɖe mía gbɔ eye edina be yeakpe ɖe mía ŋu.\"—Sergei, Russia.\n\"Mexlẽ 2002 Yearbook la, eye mefa avi. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo le míaƒe hamea me ƒo nu tso mia ŋu. Miexɔ asi vavã. Dzi le dzɔyem be menye gbɔgbɔmeƒome gã sia me tɔ.\"—Yeunhee, South Korea.\n\"Miaƒe xɔse, dzidodo, kple lɔlɔ̃ maʋãmaʋã si le mia si na Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒe la ƒe nuŋlɔɖia ʋãm ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, míedoa kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ablɔɖe kple gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si Yehowa nana ŋu. Gake mele alea le mia gome o. Miaƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míede dzesii be ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kple mía Mawu dome la, ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe dodokpɔ ɖesiaɖe nu.\"—Paulo, Brazil.\n\"Mɔnukpɔkpɔa su asinye mexlẽ miaƒe nuteƒekpɔkpɔwo le 2002 Yearbook la me. Wowɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ vevietɔ Nɔvinyɔnu Lydia Kurdas tɔ. Nɔvinyɔnu sia ƒe nu lé dzi nam ŋutɔ.\"—Nidia, Costa Rica.\n\"Mewu 2002 Yearbook la xexlẽ nu egbe. Edo ŋusẽ nye Yehowa dzixɔse esi mexlẽe. Nusi nyemaŋlɔ be akpɔ o ye nye ŋutinya si ku ɖe ɣeyiɣi si me woƒã ɖikeke ɖe amewo me ɖe amesiwo le ŋgɔ xɔm la ŋu. Efiam be mele be make ɖi nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la gbeɖe o. Meda akpe na mi ŋutɔ! Gbɔgbɔmenuɖuɖu sia nyo na ame ƒe dzi eye wòdzraa mí ɖo ɖe ɣeyiɣi si woado míaƒe xɔse akpɔ ŋu.\"—Leticia, United States.\n\"Míeda akpe ɖe Yearbook nyui la ta. Zi gbãtɔe nye si gbeƒãɖela geɖewo le nu xlẽm tso mía nɔvi siwo le Ukraine ƒe dɔwɔnawo ŋu. Edo ŋusẽ nɔviawo le afisia. Ame geɖewo, vevietɔ ɖeviwo, dzi woƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi. Wo dometɔ aɖewo dze gbesiagbe mɔɖeɖedɔ alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu siwo subɔ Yehowa le mɔxeɖenua te ƒe ŋutinya de dzi ƒo na amesiame.\"—Hame aɖe ƒe subɔsubɔkɔmiti, Ukraine.\nNɔvi siwo le Ukraine ƒe nuteƒewɔwɔ nye nusi de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo le xexeame katã. Le nyateƒe me la, ŋutinya lédziname siwo nɔa Yearbook la me ƒe sia ƒe xexlẽ nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ado ŋusẽ míaƒe xɔse ahado dzi le ɣeyiɣi vevi siawo me.—Hebritɔwo 12:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031001\/%C5%8Autinya-Si-Doa-%C5%8Aus%E1%BA%BD-X%C9%94se-Hedea-Dzi-%C6%91o-Na-ame-Yehowa-%C3%90asefo-Siwo-Le-Ukraine\/","date":"2022-07-02T10:38:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104054564.59\/warc\/CC-MAIN-20220702101738-20220702131738-00728.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978530407,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978530406951904}","num_words":935,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Wode Asixɔxɔ Ðevimenɔɣi Ŋu\nÐEVIMENƆƔI si me dzidzɔkpɔkpɔ le la nɔ te ɖe dzila nyuitɔwo nyenye dzi koŋ. Gake nukae dzila nyui nyenye bia? Ðewohĩ ànya se nuxlɔ̃ame geɖe ku ɖe nyati sia ŋu. Di ɣeyiɣi ɖe viwòwo ŋu. Se woƒe nyawo. Na mɔfiame nyui wo. Se veve ɖe wo nu, eye nàkpɔ dzidzɔ ahase veve kpli wo. Nye xɔlɔ̃ vavã na wo eye megaɖe asi le ŋusẽ si le asiwò abe dzila ene la ŋu o. Nyateƒee wònye be gɔmeɖose mawo siwo wogblɔna zi geɖe la akpe ɖe dzilawo ŋu be woawɔ woƒe dɔwo nyuie ya. Gake nane li si hiã eye wòle vevie wu si wòle be woaɖo nɔƒe gbãtɔ.\nDzila miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo kpɔe be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔe nye nu vevitɔ le dzila nyui nyenye me. Nukatae? Elabena nunyala si nye Biblia Ŋlɔla, Yehowa Mawu, enye amesi ɖo ƒomeɖoɖoa gɔme anyi. (Mose I, 1:27, 28; 2:18-24; Efesotɔwo 3:15) Ekema esɔ be eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me lae nye teƒe nyuitɔ si woadi ɖeviwo nyinyi ŋuti mɔfiafia le. Gake aleke Biblia si nye agbalẽ si xɔ ƒe geɖe alea ate ŋu ana mɔfiame ku ɖe alesi amewo dina be yewoaƒo du ɖe ɖeviwo nu egbea le ɖevime ŋui? Mina míade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖewo siwo woate ŋu azã ŋu.\n'Abe Alesi Ðevi Dzawo Ate Ŋui Ene'\nÐevi siwo wu 12 ye nɔ Isak viŋutsu, Yakob, si. Biblia me nuŋlɔɖi gblɔ eƒe nya siwo me nunya le ku ɖe ƒomea ƒe mɔzɔzɔ ŋu be: 'Ðevi dzawo le ŋunye. Meɖe kuku, nye aƒetɔ [Yakob fo, Esau], nedze eƒe dɔla ŋgɔ, eye nye la madze yowòme blewublewu, abe alesi ɖevi dzawo ate ŋui ene.'—Mose I, 33:13, 14.\nYakob nyae be ye viwo metsi awɔ nu abe ame tsitsiwo ene o. Wonye \"ɖevi dzawo\"—wometsi o, ŋusẽ mele wo ŋu o, hiahiã geɖe le wo ŋu wu ame tsitsiwo. Le esi wòazi viawo dzi be woazɔ azɔli abe eya ŋutɔ ene teƒe la, egbɔ dzi ɖi ɖe alesi wòanya zɔ na woe nu. Le go sia me la, eɖe nunya si Mawu ɖena fiana via siwo nye amegbetɔwo la fia. Mía Fofo la nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Media nu geɖe tso mía si wu alesi dze o.—Psalmo 103:13, 14.\nLã aɖewo kura gɔ̃ hã ɖea nunya ma tɔgbe fiana, elabena Mawu na \"wodze nunya eteƒe mekɔ o.\" (Lododowo 30:24) Nugbagbeŋutinunyalawo de dzesii be atiglinyi ƒe ha blibo te ŋu gbɔa dzi ɖe woƒe azɔli ŋu, ahanɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ be woasɔ kple atiglinyivi sue si le wo dome la tɔ.\nMawumenunya bu ɖe amegbetɔƒomea me tɔ aɖewo siwo li egbea. Gake mele be ema nadzɔ ɖe dziwò o. Ðo ŋku edzi be ɖevi \"dza\"—si mate ŋu atsɔ ame tsitsiwo ƒe agbawo kple agbanɔamedziwo o—ye viwò nye. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilaɖekɛ si dzi kuxi sesẽwo lee nènye eye nèse le ɖokuiwò me be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na viwò la, ekema tsi didi ma nu. Ke boŋ di xɔlɔ̃ aɖe si nye ame tsitsi, si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nakpɔ kuxia gbɔ—anyo be wòanye amesi akpe ɖe ŋuwò nàwɔ Biblia ƒe gɔmeɖose nyuiwo ŋudɔ.—Lododowo 17:17.\nNenema ke megaƒo du ɖe viwò ƒe agbe nu fũ akpa, kple nuwo wɔwɔ kpaɖii ale gbegbe be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke maganɔ eƒe sɔhɛmenɔnɔ me o. Wɔ nu wòasɔ kple viwò tɔ, ke menye esi ɖi egbexexea tɔ o. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: \"Migana xexe si me miele natrɔ mi ɖe eƒe nɔnɔme nu o.\"—Romatɔwo 12:2, Phillips.\n\"Ɣeyiɣi Li na Nusianu\"\nBiblia ƒe gɔmeɖose bubu si me nunya le gblɔ be: \"Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.\" Nyateƒee, dɔwɔɣi li. Dɔ geɖe le ɖeviwo ŋu woawɔ—siwo nye sukudɔwo, aƒemedɔwo, kple gbɔgbɔmedɔwo. Gake Biblia ƒe akpa ma ke gblɔ be \"nukoɣi li\" eye \"ɣeɖuɣi li.\"—Nyagblɔla 3:1, 4.\nÐeviwo hiã na ɣeyiɣi geɖe be woatsɔ afee, ako nu, awɔ woƒe sɔhɛmenɔɣi ƒe ŋusẽ ŋudɔ le dziɖeɖi me vaseɖe afi aɖe. Nenye be sukudɔwo, suku megbe dɔwɔnawo, alo dɔwɔna vevi bubuwo xɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã la, ekema womate ŋu akpɔ vovo ɖe woƒe fefewo ŋu o. Ema ana woado dziku, alo dzi naɖe le wo ƒo kura gɔ̃ hã.—Kolosetɔwo 3:21.\nDe ŋugble le alesi nàwɔ Biblia ƒe gɔmeɖose ma ke ŋudɔ le mɔ bubu nu ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi ɣeyiɣi li na nusianu ta la, ɖe ema mefia be ɖevimenɔɣie nye ɣeyiɣi si woawɔ ɖevinu oa? Ðewohĩ àɖo eŋu be ẽ, gake menye ɣesiaɣie viwòwo alɔ̃ ɖe nya ma dzi o. Zi geɖe la, ŋutsuvi kple nyɔnuvi suewo dina be yewoawɔ nusiwo wokpɔ ame tsitsiwo le wɔwɔm. Le kpɔɖeŋu me, adzro nyɔnuvi suewo be yewoadzra ɖo ahawɔ leke na yewo ɖokui abe nyɔnu tsitsiwo ene. Sɔhɛmeɖoɖo ate ŋu ana seselelãme si wosena be yewoadze ame tsitsiwoe la nu nagasẽ ɖe edzi.\nDzila dzeaɖaŋuwo kpɔa afɔku si le nɔnɔme ma me. Boblododo kple modzakaɖeɖe siwo le xexe ɖigbɔ sia me la dometɔ aɖewo naa ɖeviwo dzena abe gbɔdɔdɔŋunyalawo kple ame tsitsi nuwɔlawo ene. Ðeviwo va le dzadzraɖo, lekewɔwɔ, kple awu siwo nyɔa seselelãme gbegblẽwo ɖe ame me dodo lɔ̃m. Gake ɖe wòanyo be míana ɖeviwo ƒe dzadzraɖo nana amesiwo dina be yewoagblẽ wo la ƒe susu natrɔ ɖe wo ŋua? Ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu be woado awu ɖe mɔ si sɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu la, ekema wole Biblia ƒe gɔmeɖose bubu aɖe ŋudɔ wɔm be: \"Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.\"—Lododowo 27:12.\nKpɔɖeŋu bubu enye esi: Nana be kamedefefe nazu nu vevitɔ le ɖevi ƒe agbe me ate ŋu ahe agbe si meda sɔ o, si me ɣeyiɣi ɖoɖi aɖeke maganɔ naneke ŋu o vɛ. Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: \"Ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.\"—Timoteo I, 4:8.\nMègana viwòwo naxɔ \"dziɖuɖu le vevie ŋutɔ\" ƒe nukpɔsusua de eme o. Dzila geɖe ɖea dzidzɔ si le kamededewo kple kamedefefewo kple fefe me ɖa to duƒoƒo ɖe wo viwo nu be woaʋli hoa vevie, aɖu dzi godoo. Esia wɔe be ɖevi aɖewo senɛ le wo ɖokui me be yewoaba ame alo awɔ nu vevi fefewɔla bubuwo gɔ̃ hã ne yewoaɖu dzi. Dziɖuɖu ma tɔgbe kpɔkpɔ medze kura o!\nÐokuidziɖuɖu Sɔsrɔ̃\nZi geɖe la, esesẽna na ɖeviwo be woanya be ɣeyiɣi li na nusianu. Womete ŋu lalana dzigbɔɖitɔe ne nane le wo hiãm o. Nusi gagblẽa nya la ɖe edzi enye be, edze abe amegbetɔwo tsia dzi vevie ɖe kɔɖiɖi na woƒe dzodzro enumake ŋu ene. Zi geɖe la, nusi modzakaɖeɖe mɔnuwo doa bobloe enye, \"Na wò asi nasu nusi dim nèle dzi fifi laa!\"\nMegaɖe mɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo ŋu to viwɔwɔ na viwòwo kple nana be woagblẽ me o. Agbalẽ si nye The Child and the Machine gblɔ be: \"Enyanya be exɔa ɣeyiɣi hafi ame ƒe asi sua nusi dim wòle dzi enye nusi me nunya le wu. Ameɖokuimamla kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe hadomeɖoɖo nue nye ŋutasesẽ si le dzidzim ɖe edzi le ɖevi siwo le suku kple esiwo wu suku nu sia dome la gbɔ kpɔnu.\" Gɔmeɖose nyui sia le Biblia me be: 'Ne ame aɖe wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava zu akpemadala emegbe.' (Lododowo 29:21) Togbɔ be kpukpui sia ku ɖe nuwɔwɔ kple subɔvi suewo ŋu tẽ hã la, dzila geɖewo kpɔe be gɔmeɖose sia ke ɖea vi na wo viwo ŋutɔ.\nLe ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo dome la, nusi Biblia yɔ be 'wo nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me' enye vevitɔ wu. (Efesotɔwo 6:4) Hehenana si me lɔlɔ̃ le kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woatu nɔnɔme siwo nye ɖokuidziɖuɖu kple dzigbɔɖi ɖo. Nɔnɔme siawo akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le woƒe agbemeŋkekewo katã me.\nEsime Nusiwo Doa Kplamatse Ðeviwo Nu Ayi\nGake àbia be, 'Ðe Mawu, nunyala lɔ̃ame, amesi na woŋlɔ gɔmeɖose nyui mawo ɖoe koŋ be míaƒe xexea nava nɔ alea? Ðe wòɖoe be ɖeviwo natsi le xexe si naa nu gblẽna le wo ŋu tsɔ wu be wòado ŋusẽ wo la mea?' Afa akɔ na wò be nànya be Yehowa Mawu kple Via, Kristo Yesu, lɔ̃ ameƒomea vevie, tsɔ kpe ɖe ɖevi siwo xɔ ƒe ɖesiaɖe ŋu. Woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi kpuie.—Psalmo 37:10, 11.\nÀdi be yeanya alesi ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɣeyiɣi ma anɔa? Wò ya kpɔ nusia, si woɖɔ nyuie le Biblia me, le susu me ɖa: \"Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.\" (Yesaya 11:6) Le xexe si gblẽa ɖevimenɔɣi alo ƒoa du ɖe ɖeviwo nu nublanuimakpɔmakpɔtɔe me la, aleke wòfa akɔ na amee nye si be woanya be Mawu do etsɔme nyui aɖe ƒe ŋugbe na ameƒome si le anyigba dzi! Eme kɔ ƒã be, Wɔla la medi be ɖevimenɔɣi si me dzidzɔ le la nato ɖeviwo ŋu alo woaƒo du ɖe wo nu o—ke boŋ be wòanye esi me dzidzɔ kple dzidzeme le.\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nLe esi nàtsɔ wò ŋutɔ wò kuxiwo anɔ agba dom na viwò teƒe la, gblɔe na ame tsitsi bubu aɖe\n[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]\nEhiã be ɖeviwo nafe fefe","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/Ne-Wode-Asix%C9%94x%C9%94-%C3%90evimen%C9%94%C9%A3i-%C5%8Au\/","date":"2022-07-02T10:29:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104054564.59\/warc\/CC-MAIN-20220702101738-20220702131738-00528.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985625148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985625147819519}","num_words":1522,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔhɛwo Biana Be . . .\nAleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Ne Afɔku aɖe Dzɔ?\n\"Nukatae wòle be ŋɔdzinuwɔlawo nawu danye?\"—Kevin. *\n\"[Do ŋgɔ na September 11] la, mekpɔa dzidzɔ ɖe tomemɔwo ŋu. Fifia la mebua alesi wòate ŋu adzɔe be maku atsi eme ŋu le esi woate ŋu ada tu ɖe eme ta.\"—Peter.\nWOWU Kevin dada le September 11, 2001, esi wodze Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã dzi le New York City. Togbɔ be womewu Peter ƒe ame aɖeke ŋɔdzitɔe nenema o hã la, nudzɔdzɔawo gakpɔtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe edzi kokoko.\nWoka nya ta le nyadzɔdzɔ aɖe me be: \"September 11 ƒe [amedzidzedzea] ŋuti kuxiwo gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe ɖevi akpe nanewo ƒe susu dzi kokoko le New York, eye le wo dometɔ geɖe gome la, woate ŋu atsi kplii.\" Nublanuitɔe la, \"seselelãmekuxi siwo le fu ɖem na ɖevi siwo menɔ afɔkuteƒea ŋutɔŋutɔ o la sɔ kple esiwo kpɔ eteƒe tẽ la tɔ.\" *\nNusiawo tɔgbe kee dzɔna le afɔku bubuwo hã gome, abe bɔmb si edala ɖonɛ be yeaku faa si wodana le Israel kple tu siwo wodana yakatsyɔ le teƒe bubuwo ene. Eŋununyala aɖe gblɔ le nusi tudada alea gblẽna le ame ƒe seselelãme ŋu la ŋu be: \"Ne [ɖeviawo] ɖale afisi didi agbadroƒe 2,000 hã la, nudzɔdzɔ siawo ate ŋu adzi [woƒe] dzimaɖitsitsi ɖe edzi kokoko.\"\nNuka gbɔe wòtsona? Ne afɔku dzɔ la, woɖea nudzɔdzɔa ŋuti nɔnɔmetata wɔdɔɖeamedzi gbogbowo fiana ɖeviwo kpɔna le nyadzɔdzɔwo me. Woɖea ŋɔdzinuwɔlawo ƒe bɔmb dada tsodzikaƒonamewo, tudada le sukuwo, kple dzɔdzɔmefɔkuwo fiana zi gbɔ zi geɖe, si nana wòsesẽna na ɖevi geɖewo be woaŋlɔ nudzɔdzɔawo be. Mewɔ nuku o be, numekuku aɖe si wowɔ na New York City ƒe Agbalẽsrɔ̃nya Dzikpɔlawo ɖee fia be: \"Esi Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegãa gbã ɣleti ade megbe la, sukuvi 8,266 dometɔ 76 le alafa me gakpɔtɔ bua ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedzea ŋu edziedzi.\"\nNusita Nya Vɔ̃wo Dzɔna\nMɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato anɔ te ɖe seselelãme siwo wu tsɔtsɔ na wò nue nye alesi nàwɔ wo 'tamebubuŋutete si me kɔ' ŋudɔ. (Petro II, 3:1) Dze agbagba nàbu nuwo ŋu alesi dze eye wòasɔ kple Mawu ƒe nukpɔsusu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be nàɖo ŋku edzi be afɔku geɖewo dzɔna esi wònye be \"azãgbewo kple nuɖiɖeame li\" ta. (Nyagblɔla 9:11) Yesu Kristo wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu esi wòƒo nu tso Siloa-mɔ̃ ƒe mumu ŋu. Ame 18 ye ku le afɔku ma si dzɔ le nutoa me la me. Gake Yesu na eme kɔ be menye Mawue he to na amesiwo tsi eme la o. Afɔkuteƒe nɔnɔ le ɣeyiɣi vɔ̃ dzie na woku. (Luka 13:1-5) Nyateƒenya sia ŋububu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu afɔkuwo ŋu le mɔ si sɔ nu.\nTamebubu nyuie hã ate ŋu ana nàƒo asa na 'dzikudodo ɖe Yehowa' ŋu kple fɔbubu eyama ɖe afɔku siwo dzɔ ɖe dziwò ta. (Lododowo 19:3) Yehowae nye \"akɔfafawo katã ƒe Mawu\" ke menye míaƒe nɔnɔme wɔnublanuiwo tsoƒe o. (Korintotɔwo II, 1:3) Ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi la, ele be míate ɖe eyama ŋu—ke mele be míado dziku ahate ɖa tso eŋu o. De ŋugble le Biblia me nya siwo le Yakobo 1:13 ŋu: \"Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.\" *\nAfɔku aɖe si dzɔ ƒe alafa nanewo enye esia le Titina Ɣedzeƒe ate ŋu ana nya sia me nakɔ. Biblia gblɔ na mí be ame ɖeka pɛ si tsi agbe le afɔku ma me ka nya ta be: \"Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlaawo dzi hefiã wo.\" (Hiob 1:16) Afɔku dziŋɔ ka gbegbee nye ema! Edze ƒã be ŋutsu sia si vɔvɔ̃ ɖo la susui be Mawu gbɔe wòtso. Ke hã menye Mawu gbɔe wòtso o. Hiob 1:7-12 ɖee fia be menye Mawue dɔ dzoa ɖa o, ke boŋ Mawu ƒe Futɔ—Satana Abosam ye!\nNudzɔdzɔ tɔxɛ aɖee wònye: Yehowa na mɔɖeɖe tɔxɛ Satana be wòado Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi kpɔ. Eyata mègatso nya me enumake be Satana gbɔe dzɔdzɔmefɔkuwo abe ahom sesẽwo kple tsiɖɔɖɔ ene tso tẽ o. * Togbɔ be ele nenema hã la, Biblia gblɔ be 'xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la si me.' (Yohanes I, 5:19) Eyata ate ŋu azã amegbetɔwo atsɔ ahe afɔkuwo kple gbegblẽ vɛ.\nGake mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o. Gade ŋugble le nudzɔdzɔ bubu aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me le Samuel I, 22:12-23 me ŋu kpɔ. Woƒo nu tso nunɔla wɔnuteƒe aɖewo ƒe ƒuƒoƒo kple woƒe ƒome siwo wowu ŋutasesẽtɔe ŋu le afima. Ðikeke mele eme o be Satana wɔ akpa aɖe le ŋusẽdodo Fia Saul sẽŋuta la be wòawɔ nuvlo sia me. Gake nuteƒewɔla Dawid, amesi hã va zu fia emegbe, ŋlɔ Psalmo 52 lia, afisi wògblɔ kakaɖedzi si le esi be Mawu aɖe ŋutsu vɔ̃ɖi siwo kpɔ gome le afɔku ma hehe vɛ me la ɖa ŋu nya.—Psalmo 52:7.\nNenema ke egbea la, àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ tegbee ɖe amewuwu kple ŋutasẽnu siwo Abosam ʋãa amewo wowɔna ŋu o. Susu si tae nye be Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o Mawu azã Via, Yesu 'wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.' (Yohanes I, 3:8) Mlɔeba la, nusiwo Satana gblẽ dometɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Mawu ato tsitretsitsi dzi agbɔ agbe amesiwo ku nublanuitɔe le ŋutasẽnu dziŋɔwo me alo le ŋɔdzinuwɔlawo si me.—Dɔwɔwɔwo 24:15.\nMɔ Nyui Siwo Dzi Nàto Anɔ Te Ðe Enu\nMɔkpɔkpɔ sia si Biblia nana la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be vɔvɔ̃ nagaɖu dziwò o. Gake afɔɖeɖe nyui bubu aɖewo hã li siwo nàte ŋu aɖe. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi Biblia me gɔmeɖose si le Lododowo 12:25. Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame bubuwo koe ate ŋu ana \"xɔlɔ̃nya\" si dea dzi ƒo na ame nasu asiwò. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàde dzesii hã be menye wò ɖekae le nɔnɔme sesẽ sia me tom o. Eyata ne nuxaxa wu tsɔtsɔ na wò la, ke dze agbagba nàgblɔ wò dzimenyawo na dziwòlawo alo Kristo-hamea me tɔ tsitsi aɖe. *\nAɖaŋuɖoɖo bubu enye si: Mèganɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui siwo woɖena le television dzi kpɔm fũ o. Ðeko esia ana wòasesẽ na wò ŋutɔ be nàŋlɔ nusiwo ɖea fu na wò be.—Psalmo 119:37.\nKristotɔe nènyea? Ekema do vevie wò Kristotɔ ƒe dɔwɔnawo. (Filipitɔwo 3:16) Dɔwɔna mawo dometɔ ɖekae nye kpekpewo dede ɖekae kple hati Kristotɔwo kpakple wò dzixɔsewo gbɔgblɔ na ame bubuwo. (Hebritɔwo 10:23-25) Esia akpe ɖe ŋuwò be màganɔ nusiwo ana nàlé blanui ŋu bum o. Ðeko ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga ana nu nagblẽ le ŋuwò—le seselelãme kple gbɔgbɔ me siaa.—Lododowo 18:1.\nBiblia xexlẽ gbesiagbe ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe le nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe me. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Loraine dada nɔ kansa lém vevie eye eƒe agbe ɖo kudonu. De dzesi alesi Loraine nɔ te ɖe nɔnɔme wɔnublanui ma nui: \"Meɖo ŋku edzi be mexlẽ Hiob ƒe agbalẽa zi gbɔ zi geɖe le nɔnɔme sesẽa me. Psalmowo hã nye akɔfafatsoƒe gã aɖe nam. Ne mexlẽ akɔfanya siwo le Ŋɔŋlɔawo me la, mesenɛ le ɖokuinye me abe Yehowae le asikplam kɔ nam ene.\" Nɔvianyɔnu Mishael hã gblɔ be: \"Ne ŋkeke ɖeka to ŋunye nyemexlẽ Biblia o la, ewɔa dɔ ɖe dzinye. Nye susu gatrɔna ɖe nu gbegblẽwo ŋububu ŋu. Biblia xexlẽ na ŋusẽdodo si mehiã la su asinye be matsɔ to ŋkeke ɖesiaɖe me.\"\nNe nu bu na wò—vevietɔ ne wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la—agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku * xexlẽ ate ŋu afa akɔ na wò ale gbegbe. Gbɔ dzi ɖi nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ eye nàde ŋugble le wo ŋu. De ŋugble hã tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu. Loraine gblɔ be: \"Mekpɔnɛ le susu me abe ɖe wofɔ danye tso ku me ɖe tsitre wògbɔna ŋutɔŋutɔ ene. Mekpɔnɛ le susu me be ele gbɔgblɔm be: 'Megbɔ. Nukae nèɖa be míaɖu fiẽ sia?' Esia nana mekoa alɔgbɔnu.\"\nŊuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hã ate ŋu ado ŋusẽ wò alesi dze be nàdo dzi le afɔku sesẽtɔwo me. Loraine gblɔ be: \"Menɔ xɔa me hafi danye ku. Mebia Yehowa enumake be wòado ŋusẽm be mado dzi ato eme. Mekpɔe be Mawu ƒe ŋutifafa su asinye enumake.\" Wò gbedodoɖawo na Yehowa nanɔ tẽ. Na wòanya alesi tututu nèsena le ɖokuiwò me. Hakpala gblɔ be: \"Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.\"— Psalmo 62:9.\nEsi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nuxaxa adzi ɖe edzi le anyigba dzi godoo. (Timoteo II, 3:13) Ke hã Biblia la do ŋugbe be: \"Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\" (Psalmo 37:9-11, 29) Mɔkpɔkpɔ sia me léle ɖe asi akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe afɔkuwo nu dzidzedzetɔe.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.\n^ mm. 6 Tagbɔdɔdala bibiwo gblɔe be, dzesi mawo ate ŋu anye tɔtɔ le susu me, drɔ̃e dziŋɔwo kuku, ameɖokui ɖeɖe ɖe aga, gbesiagbenuwɔna si megadzroa ame o, fɔbuameɖokui ƒe seselelãme kpakple dzikudodo.\n^ mm. 9 Togbɔ be afɔku gãwo koŋ ŋutie nyati sia le nu ƒom tsoe hã la, aɖaŋuɖoɖoawo ate ŋu asɔ ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe ame dzi tẽ, abe ame ƒe ame vevi aɖe ƒe ku ene.\n^ mm. 12 Ne èle nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋuti numeɖeɖewo dim la, ke kpɔ agbalẽ si nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe ta 7 lia si Yehowa Ðasefowo ta.\n^ mm. 14 Kpɔ \"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\" si dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ December 1, 1974 tɔ me.\n^ mm. 18 Le nɔnɔme siwo me nuxaxa fũ alo blanuiléle ge ɖe nyaa me le la, ahiã godoo be woadi atikewɔwɔ ƒe mɔ.\n^ mm. 22 Yehowa Ðasefowoe tae.\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nNunya anɔ eme be naɖe nɔnɔmetata wɔnublanui siwo woɖena le television dzi kpɔkpɔ fũ dzi akpɔtɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030708\/Aleke-Maw%C9%94-An%C9%94-Te-%C3%90e-Enu-Ne-Af%C9%94ku-a%C9%96e-Dz%C9%94\/","date":"2022-07-03T08:53:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104215805.66\/warc\/CC-MAIN-20220703073750-20220703103750-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982603192,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982603192329407}","num_words":1575,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la; ɖe Mut-Laben* ƒe gbeɖiɖi nu. David ƒe ha. א [Alef] 9 Oo Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo;Maɖe gbeƒã wò nukudɔwɔwɔwo katã.+ 2 Makpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò;Oo Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuha* na wò ŋkɔ.+ ב [Bet] 3 Ne nye futɔwo gbugbɔ ɖe megbe la,+Woakli nu adze anyi, eye wo nu ayi le ŋkuwòme. 4 Elabena èʋli tanye le nye nya dzɔdzɔe ta;Èbɔbɔ nɔ wò fiazikpui dzi hedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.+ ג [Gimel] 5 Èka mo na dukɔwo,+ eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo,Ètutu woƒe ŋkɔ ɖa tegbetegbee. 6 Futɔwo tsrɔ̃ ɖikaa;Ètrɔ woƒe duwo bu anyi,Womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.+ ה [He] 7 Ke Yehowa ya anɔ eƒe fiazikpui dzi tegbee;+Eli eƒe fiazikpui anyi ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu.+ 8 Adrɔ̃ ʋɔnu xexea le dzɔdzɔenyenye me;+Atso afia dzɔdzɔe na dukɔwo.+ ו [Waw] 9 Yehowa anye mɔ́ sesẽ na ame siwo wote ɖe anyi la,+Mɔ́ sesẽ wòanye le xaxaɣiwo.+ 10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo ŋu ɖe ŋuwò;+Oo Yehowa, màgblẽ ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi akpɔ o.+ ז [Zayin] 11 Midzi kafukafuha na Yehowa, Ame si le Zion;Migblɔ nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.+ 12 Elabena woƒe Hlɔ̃biala la ɖoa ŋku wo dzi;+Maŋlɔ ame siwo le fu kpem la ƒe ɣlidodo be gbeɖe o.+ ח [Het] 13 Oo Yehowa, ve nunye; kpɔ fu si kpem mele le nye futɔwo si me ɖa,Wò, ame si kɔm ɖe dzi tso ku ƒe agbowo me,+ 14 Ne maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ siwo dze na kafukafu le Zion vinyɔnu ƒe agbowo me,+Ne matso aseye le wò xɔname ŋuti.+ ט [Tet] 15 Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔwo ɖe la me;Ðɔ si woɖo la ɖe afɔ na woawo ŋutɔwo.+ 16 Wonya Yehowa ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ta.+ Ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ zu mɔ̃ ɖe eya ŋutɔ.+ Higayon.* (Sela) י [Yod] 17 Ame vɔ̃ɖiwo ayi Tsiẽƒe,*Ɛ̃, dukɔ siwo katã ŋlɔa Mawu be la ayi. 18 Gake womaŋlɔ ame dahewo ya be ɖaa o;+Eye ame fafawo ƒe mɔkpɔkpɔ hã mazu dzodzro o.+ כ [Kaf] 19 Oo Yehowa, tso! Mègana amegbetɔ ƒe alɔ nade dzi o. Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwòme.+ 20 Oo Yehowa, na dzidzi naƒo wo,+Ne dukɔwo nadze sii be amegbetɔ dzro koe yewonye. (Sela)\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"maƒo ha.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/9\/","date":"2022-09-25T04:24:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334514.38\/warc\/CC-MAIN-20220925035541-20220925065541-00481.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990820885,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999082088470459}","num_words":351,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"10 Oo Israel ƒe aƒe, mise nya si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu. 2 Ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o,+Eye dziƒoŋudzesiwo megadzi ŋɔ na mi,Le esi wodzia ŋɔ na dukɔwo ta o.+ 3 Elabena dukɔwo ƒe kɔnuwo la, alakpanue.* Ati ko wonye aɖaŋudɔwɔla tso le ave meHetsɔ dɔwɔnu* kpa.+ 4 Wofaa klosalo kple sika ɖe eŋu tsɔ ɖoa atsyɔ̃ nɛ.+Wotsɔa zu kple gatagbadzɛwo klãnɛ be magamu o.+ 5 Wole abe nu si wotsɔ nyaa xeviwo le aŋanyigble me ene, womeƒoa nu o;+Ðe wokɔa wo, elabena womezɔna o.+ Migavɔ̃ wo o, elabena womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke o,Eye nyuiwɔwɔ aɖeke hã mele wo ŋu o.\"+ 6 Oo Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o.+ Èlolo, wò ŋkɔ tri akɔ eye ŋusẽ le eŋu. 7 Oo, dukɔwo ƒe Fia,+ ame kae mavɔ̃ wò o, elabena wòe dze nɛ;Elabena le dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome laAme aɖeke meli de nuwò o.+ 8 Wo katã wonye ame mabutamewo kple bometsilawo.+ Ati kpakpɛ ƒe mɔfiame nye beble* sɔŋ.+ 9 Wotsɔ klosalo gbabɛwo tso Tarsis+ vɛ, eye wotsɔ sika tso Ufaz,Wonye aɖaŋudɔwɔla kple nutula ƒe asinudɔwɔwɔwo. Woƒe awuwo nye ka blɔtɔ kple alẽfu si wode ama aɖabɛ dzĩtɔe. Aɖaŋudɔwɔla bibiwoe wɔ wo katã. 10 Ke Yehowae nye Mawu vavã. Eyae nye Mawu gbagbe+ la kple Fia mavɔ.+ Anyigba aʋuʋu le eƒe dziku ta,+Eye dukɔ aɖeke manɔ te ɖe eƒe dziku nu o. 11 * Ale miagblɔ na woe nye esi: \"Mawu siwo mewɔ dziƒo kple anyigba o laNu ayi le anyigba la dzi kple dziƒoa te.\"+ 12 Eyae nye Ame si tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba,Ame si tsɔ eƒe nunya ɖo anyigba wɔnu la gɔme anyi+Kple Ame si tsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒowo me.+ 13 Ne eɖe gbe la,Tsi siwo le dziƒowo dzea agbo,+Enana alilikpowo* tsoa anyigba ƒe mlɔenuwo yia dzi.+ Ewɔ dzikedzo na tsidzadza,*Eye wòkplɔa ya doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.+ 14 Amegbetɔwo katã wɔa movinu ale gbegbe be sidzedze bu ɖe wo. Ŋukpe alé ganutulawo katã le woƒe legbawo ŋu;+Elabena aʋatsoe eƒe galegba* la nye,Eye gbɔgbɔ aɖeke mele wo me o.+ 15 Tofloko* kple dɔwɔwɔ si ŋu woaɖe alɔme le wonye.+ Ne ɣeyiɣi de be woabia akɔnta wo la, wo nu ayi. 16 Yakob ƒe Gome ya mele abe nu siawo ene o,Elabena eyae nye nuwo katã mèla,Eye Israel ye nye eƒe domenyinu ƒe atikplɔ.+ Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+ 17 Oo, nyɔnu si woɖe to ɖo,Fɔ agba si nèdo la le anyigba. 18 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: \"Kpɔ ɖa, fifia ya la, matsɔ anyigbadzinɔlawo aƒu gbe,+Eye mana woaxa nu.\" 19 Baba nam le nye anyidzedze* la ta!+ Gbedada mele nye abi la ŋu o. Megblɔ be: \"Nyateƒee, dɔléle sia dze nam, ɖeko mado dzi atsɔe. 20 Wogblẽ nye agbadɔ la dome, eye wotso nye agbadɔkawo.+ Vinyewo dzo le gbɔnye, eye womegali o.+ Ame aɖeke megali ahe nye agbadɔ me alo atsi nye agbadɔvɔwo o. 21 Elabena lãkplɔviwo nye movitɔwo,+Eye womedi Yehowa yome mɔ o.+ Esia tae womewɔ nu nunyatɔe o,Eye lã siwo kplɔm wole la katã ka hlẽ.\"+ 22 Ƒu to anyi! Nya aɖe le ɖiɖim! Egbɔna! Hoowɔwɔ gã aɖe tso dziehenyigba dzi,+Ne wòana Yuda duwo nazu gbegbe kple agbotoewo nɔƒe.+ 23 Oo Yehowa, menyae nyuie be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.+ 24 Oo Yehowa, ɖɔm ɖo, le dzɔdzɔenyenye me,Ke menye le wò dziku me o,+ ne nàgana nunye nayi o.+ 25 Trɔ wò dɔmedzoe ƒo ɖe dukɔ siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o+Kple ƒome siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob,+Ɛ̃, woɖui, eye wole didim be yewoatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ,+Eye wona eƒe anyigba zu aƒedo.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"dzodzroe.\"\n^ Alo, \"hɛ.\"\n^ Alo, \"tofloko.\"\n^ Aramgbe mee woŋlɔ kpukpui 11 lia sia ɖo gbã.\n^ Alo, \"afu.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Eɖea toƒe na tsidzadza.\"\n^ Alo, \"legba si wolólo ga kɔ̀.\"\n^ Alo, \"Nu dzodzro.\"\n^ Alo, \"abi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yeremiya\/10\/","date":"2023-02-01T15:31:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499946.80\/warc\/CC-MAIN-20230201144459-20230201174459-00224.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992071986,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992071986198425}","num_words":622,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO\nAle Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie\nKUXIA\nMieka atam na mia nɔewo le miaƒe srɔ̃ɖegbe. Atamkaka vevi ma bla mi le miaƒe agbenɔɣi katã, enye ale si mieɖoe kplikpaa be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu ahakpɔ kuxi siwo ado mo ɖa la gbɔ.\nGake le ƒe aɖewo megbe la, mia dome masɔmasɔwo va zu kpekui le ayi me na mi. Ðe wò dzi gaku ɖe srɔ̃wò ŋu abe tsã enea?\nNU SI WÒLE BE NÀNYA\nMenye kukuɖeameŋu ye nye kuxia o, nyagbɔkpɔnu boŋue. Ame geɖe susunɛ egbea be nunya manɔ eme be woaku ɖe ame srɔ̃ ŋu kple ame ƒe dzi blibo o. Ame aɖewo gblɔna be ele ko abe kɔsɔkɔsɔe wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu asi le nyametsotso gbegblẽ si wòwɔ nu o ene. Gake wò ya bui boŋ be enye seke aɖe si ate ŋu alé miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te sesĩe. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Megan gblɔ be, \"Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mia dome la, vi gã aɖe si ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo bliboe ɖenae nye be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe kana ɖe edzi be ye srɔ̃ magbe ye o.\" * Ne mieka ɖe edzi be naneke magblẽ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me o, togbɔ be nanewo mele yiyim nyuie o hã la, ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miakpɔ kuxiwo gbɔ.—Kpɔ aɖaka si nye \" Kukuɖeameŋu Kple Nuteƒewɔwɔ.\"\nNya vevitɔ: Ne kuxiwo le mo dom ɖa le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me la, ehiã be miaku ɖe mia nɔewo ŋu vevie ke mègabui be kukuɖeameŋue nye kuxia o. Aleke miate ŋu awɔ esiae?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nDzro ɖokuiwò me. \"Miezu srɔ̃tɔwo tegbee.\" Ðe nya sia nana nèsusunɛ be yele xadza mea alo ɖe wònana nèsena le ɖokuiwò me be yele dediea? Ne masɔmasɔwo ɖo mia dome la, srɔ̃gbegbe koe nèsusuna be eyae nye nyagbɔkpɔnu nyuitɔa? Be miate ŋu agaku ɖe mia nɔewo ŋu geɖe wu la, ele vevie be miabu srɔ̃ɖeɖea be enye ɖoɖo si nɔa anyi ɖaa.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 19:6.\nLé ŋku ɖe nu siwo me nèto ŋu? Nu siwo nèkpɔ tso dziwòlawo gbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua kukuɖeameŋu la dzi. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lea gblɔ be: \"Dzinyelawo gbe wo nɔewo esime menye ɖevi. Eye mevɔ̃na be woƒe nuwɔnaa akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ale si mebua kuku ɖe ame nɔewo ŋu la dzi.\" Gake ka ɖe edzi be nuwo mayi alea le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me kokoko o, wò kple srɔ̃wò miate ŋu aku ɖe mia nɔewo ŋu. Mègavɔ̃ be nu si dzɔ ɖe ye dzilawo dzi la adzɔ ɖe ye hã ye dzi godoo o!—Biblia ƒe mɔfiame: Galatiatɔwo 6:4, 5.\nLé ŋku ɖe wò nuƒoƒo ŋu. Ne nyaʋiʋli aɖe ɖo wò kple srɔ̃wò dome la, mègagblɔ nya siwo ava ve wò emegbe abe \"Magbe wò\" alo \"Mayi aɖaɖe ame aɖe si ade asixɔxɔ ŋunye!\" ene o. Nya mawo menana srɔ̃tɔwo kuna ɖe wo nɔewo ŋu o, eye le esi miakpɔ kuxi siwo do mo ɖa gbɔ teƒe la, ɖeko wòana be miava nɔ dzugbe gãgãwo dudum ɖe mia nɔewo dzi. Le esi nànɔ nya tɔamewo gblɔm teƒe la, àte ŋu agblɔ be: \"Edze ƒãa be mí ame evea míedo dziku. Aleke míawɔ akpɔ kuxi sia gbɔ ɖekae?\"—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 12:18.\nNa wòadze na amewo be yeƒe dzi ku ɖe ye srɔ̃ ŋu. Da srɔ̃wò ƒe foto ɖe wò dɔwɔkplɔ̃ dzi le wò dɔwɔƒe. Ƒo nu nyui tso srɔ̃wòa ŋu na amewo. Ðoe be gbe sia gbe la, ne yemele aƒe me o alo yeyi dɔ me la, yeanɔ ye srɔ̃a yɔm. Nenye numame na wò be nànɔ nya siwo nye \"mí\" kpakple \"nye kple srɔ̃nye\" zãm. Esia ana wòadze na wò ŋutɔ kple ame bubuwo siaa be wò dzi ku ɖe srɔ̃wòa ŋu.\nSrɔ̃ nu tso ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui gbɔ. Lé ŋku ɖe srɔ̃tɔ siwo tea ŋu ɖua woƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo dzi la ŋu. Bia wo be: \"Vi kae kuku ɖe mia nɔewo ŋu ɖe na mi? Aleke wòkpe ɖe mia ŋu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me?\" Biblia gblɔ be: \"Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenemae ame nyrea nɔviae.\" (Lododowo 27:17) Abe ale si Biblia me mɔfiame sia gblɔe ene la, ɖe manyo ŋutɔ be miadze agbagba asrɔ̃ nu tso ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖewo kpɔ dzidzedze la ƒe aɖaŋuɖoɖowo me oa?\n^ mm. 7 Biblia ɖe mɔ be ame ate ŋu agbe srɔ̃a nenye be srɔ̃a wɔ ahasi. Kpɔ nyati si nye \"Nu Si Biblia Gblɔ—Ahasiwɔwɔ\" le Nyɔ! sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201506\/sr%C9%94%CC%83t%C9%94wo-kuku%C9%96eame%C5%8Bu\/","date":"2023-03-30T15:19:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949331.26\/warc\/CC-MAIN-20230330132508-20230330162508-00355.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994480014,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994480013847351}","num_words":737,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU\nAme Siwo Ku La Agava Nɔ Agbe Ake!\nÀɖo ŋku edzi be Gail, nyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siwo do ŋgɔ dometɔ ɖeka me la, gblɔ be yemesusui be yeate ŋu ava dzudzɔ vevesese le ye srɔ̃, Rob, ƒe ku ta gbeɖe o. Ke hã ele mɔ kpɔm be yeagava kpɔe ake le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me. Egblɔ be: \"Mawunyakpukpui si faa akɔ nam wue nye Nyaɖeɖefia 21:3, 4.\" Afi ma gblɔ be: \"Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\"\nGail gblɔ be: \"Akɔfafa gã aɖee ŋugbedodo sia nye nam. Mesea veve ɖe ame siwo ƒe ame veviwo ku evɔ womenya naneke tso mɔkpɔkpɔ si nye be woagate ŋu ava kpɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo ake ŋu o la nu.\" Le ɖekawɔwɔ me kple Gail ƒe dzixɔsewo la, etsɔ eɖokui na faa le gome kpɔm le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me hele nu ƒom tso Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be \"ku maganɔ anyi akpɔ o\" la ŋu na amewo.\nÐewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe se be ku maganɔ anyi o. Gake bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu kpɔ. Eva dze dɔ vevie ŋutɔ. (Hiob 2:7) Togbɔ be ku dzro Hiob hã la, exɔe se be ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ye ɖe tsitre yeaganɔ agbe le anyigba dzi ake. Egblɔ kakaɖedzitɔe be: \"Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe . . . ɖe! Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu [adzro wò] vevie.\" (Hiob 14:13, 15) Hiob ka ɖe edzi be yeƒe Mawu asusu ye eye wòadi vevie be yeafɔ ye ɖe tsitre.\nNu sia tututu wɔ ge Mawu le na Hiob kple ame gbogbo siwo xexlẽme meli na o la kpuie esime wòava trɔ anyigbaa wòazu paradiso. (Luka 23:42, 43) Biblia ɖo kpe edzi le Dɔwɔwɔwo 24:15 be \"tsitretsitsi li\" na kukuawo. Eye Yesu ka ɖe esia dzi na mí esi wògblɔ be: \"Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\" (Yohanes 5:28, 29) Hiob akpɔ ŋugbedodo ma me vava teƒe. Mɔnukpɔkpɔ asu esi be \"eƒe ɖekakpuimeŋusẽ [nagaɖo] eŋu,\" eye eƒe ŋutilã 'azu yeye wu ale si wònɔ le eƒe ɖevime' yi ɖe mavɔmavɔ me. (Hiob 33:24, 25) Esi Mawu kpɔ nublanui na ameƒomea ta la, nenema kee wòava eme na ame siwo katã akpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋu.\nNe èle nu xam le wò ame vevi aɖe ƒe ku ta la, ɖewohĩ nya siwo me míedzro la maɖe wò nuxaxaa ɖa keŋkeŋ ya o. Ke hã ne wò susu le Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi la, mɔkpɔkpɔ vavã asu asiwò eye wòana ŋusẽ yeye nàɖo ŋuwò.—1 Tesalonikatɔwo 4:13.\nÀdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si nàwɔ ado dzi ne èle wò ame vevi aɖe si ku fam ŋua? Alo ɖe nyabiase bubu siwo do ƒome kple nya sia abe, \"Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li ɖo?\" ene le asiwòa? Ekema míeɖe kuku, yi míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org\/ee be nàkpɔ Biblia ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le afi ma.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2016-may\/ame-kukuwo-af%C9%94\/","date":"2023-03-24T09:40:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296945279.63\/warc\/CC-MAIN-20230324082226-20230324112226-00135.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964299202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964299201965332}","num_words":564,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Internet Dzi Kpekpeɖeŋunaƒe\nJW.ORG Zazã\nSrɔ̃ ale si nàzã jw.org ƒe ŋudɔwɔnuwo. Zɔ ɖe mɔfiame vovovoawo dzi ne woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàʋu dɔwɔnu sia me nu vovovowo, nàdi nuwo eye nàwɔ nuwo ƒe kɔpi hã. Kpɔ nyabiase siwo ku ɖe jw.org ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo.\nJW Nyakakadɔwɔƒe\nKpɔ ale si nàzã Yehowa Ðasefowo ƒe internet dzi television le tv.jw.org. Xlẽ nu geɖe tso video ƒotsiãɖenuwo, video siwo nèdi kple edzinu bubu geɖewo ŋu.\nJW Library\nXlẽ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia eye nàsrɔ̃e. Tsɔ Biblia vovovowo me nyawo sɔ kple wo nɔewo.\nJW Library Sign Language\nZã míaƒe dɔwɔnu sia si wɔa dɔ le asitelefon kple tablɛtwo dzi nàtsɔ awɔ tokunɔgbe me Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe kɔpi, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu alo aƒo wo.\nWatchtower Library\nBiblia gɔmeɖeɖe vovovowo, agbalẽwo kple dɔwɔnu siwo akpe ɖe ame ŋu wòaku nu me ne ele Biblia srɔ̃m.\nJW Language\nNu geɖewo le gbesɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu sia dzi siwo woate ŋu atsɔ aɖe gbeƒã na gbegbɔgblɔ geɖe dolawo. Nu siwo le edzi la dometɔ aɖewoe nye gbesɔsrɔ̃ ƒe taflowo, degbemenya siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi, nyawo ƒe roma-ŋɔŋlɔdzesiwo me tɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/","date":"2023-05-31T18:34:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224647409.17\/warc\/CC-MAIN-20230531182033-20230531212033-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981894493,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981894493103027}","num_words":189,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Trɔ yi\nplayer22.com\nPlayer22.com Kpekpeɖeŋu\nEsia nye zãla ƒe mɔfiamegbalẽ na ɖoɖowɔɖi \"Player22.com\". Tia tanya aɖe, taflatse:\nÐoɖo ka ƒomevie nye Player22.com?\nMiyi edzi le ɖoɖowɔɖia me.\nTia server aɖe.\nFefewo.\nÐo dze kple amewo.\nDo go amewo to ɣeyiɣi siwo woɖo ɖi na wò yiyi me.\nNyatakaka siwo ku ɖe nyatakakadzraɖoƒea ƒe sewo kple alesi woawɔe ŋu.\nNyabiase siwo wobiaa ame enuenu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/index.html","date":"2023-06-02T06:20:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648322.84\/warc\/CC-MAIN-20230602040003-20230602070003-00341.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99955374,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995537400245667}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.159,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔwɔwɔwo 6:1-15\n6 Ke le ŋkeke mawo me esi nusrɔ̃lawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, Yudatɔ Helagbe dolawo nɔ liʋiliʋĩ lĩm le Yudatɔ Hebrigbe dolawo ŋu, elabena wogblẽa woƒe ahosiwo ɖi le gbe sia gbe nuɖuɖu la mama me.+ 2 Eya ta Ame Wuieveawo yɔ nusrɔ̃lawo va ƒo ƒu hegblɔ na wo be: \"Masɔ be míagblẽ Mawu ƒe nya la ɖi anɔ nuɖuɖu mam le kplɔ̃ ŋu o.+ 3 Eya ta nɔviwo, mitia ŋutsu adre tso mia dome, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo,*+ siwo gbɔgbɔ kple nunya yɔ fũu,+ ne míatsɔ aɖo dɔ vevi sia nu;+ 4 ke míawo la, míalé fɔ ɖe gbedodoɖa kple mawunya la fiafia ŋu.\" 5 Nya si wogblɔ la dze ameha bliboa ŋu, eye wotia Stefano, ame si si xɔse sẽŋu le eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, kple Filipo,+ Prokoro, Nikano, Timon, Parmena kpakple Nikolao si tso Antiokia, ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ. 6 Wokplɔ wo va apostoloawo ŋkume, eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, woda woƒe asiwo ɖe wo dzi.+ 7 Ale Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem,+ eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ+ le Yerusalem; eye nunɔla gbogbo aɖewo hã va zu xɔsetɔwo.+ 8 Ke Stefano, ame si nu Mawu ve eye wòna ŋusẽ geɖe la, nɔ nukunu kple dzesi gãwo wɔm le ameawo dome. 9 Ke ŋutsu siwo nye Ablɔɖexɔlawo Ƒe Ƒuƒoƒe la me tɔ aɖewo kple Kirenetɔwo, Aleksandriatɔwo, kpakple ame siwo tso Kilikia kple Asia la, dometɔ aɖewo tso be yewoahe nya kple Stefano. 10 Gake womete ŋu nɔ te ɖe nunya kple gbɔgbɔ si wòtsɔ le nu ƒomee la nu o.+ 11 Eya ta wode nya ŋutsu aɖewo nu le adzame be woagblɔ be: \"Míesee wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.\" 12 Eye wode zi ameha la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me, ale wova do ɖe edzi le vo me, lée sesẽe hekplɔe yi Sanhedrin la. 13 Eye wokplɔ aʋatsoɖasefowo vɛ, ame siwo va gblɔ be: \"Ame sia medzudzɔ nuƒoƒo tsi tre ɖe kɔkɔeƒe sia kple Se la ŋu o. 14 Le kpɔɖeŋu me, míesee wògblɔ be Yesu Nazaretetɔ la agbã teƒe sia, eye wòatrɔ kɔnu siwo Mose tsɔ de asi na mí la.\" 15 Esi ame siwo katã bɔbɔ nɔ Sanhedrin la fɔ ŋku ɖe edzi gãa la, wokpɔe be eƒe mo le abe mawudɔla ƒe mo ene.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ame siwo ŋu woɖi ɖase nyui le.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/6\/","date":"2023-06-02T15:53:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648695.4\/warc\/CC-MAIN-20230602140602-20230602170602-00067.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992627501,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992627501487732}","num_words":387,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nLe alesi Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ nuvɔ̃wo ake le tafevɔsaa ta la, nukatae wòhiã be Kristotɔwo naʋu nuvɔ̃ me na hamemegã siwo le hamea me?\nAbe alesi míakpɔe le Dawid kple Bat-Seba ƒe nyaa me ene la, togbɔ be Dawid ƒe nuvɔ̃a lolo hã la, Yehowa tsɔe ke Dawid le eƒe dzimetɔtrɔ vavã la ta. Esi nyagblɔɖila Natan te ɖe eŋu la, Dawid ʋu nuvɔ̃ me faa be: \"Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.\"—Samuel II, 12:13.\nGake menye ɖeko Yehowa xɔa nuvɔ̃wɔla ƒe nuvɔ̃meʋuʋu vavã hetsɔnɛ kenɛ ko evɔ o ke ewɔ ɖoɖowo lɔlɔ̃tɔe hã be yeatsɔ akpe ɖe vodalaa ŋu ne wòahaya le gbɔgbɔ me. Le Dawid gome la, nyagblɔɖila Natan dzie kpekpeɖeŋu sia to va. Egbea, ŋutsu tsitsi siwo bi le gbɔgbɔ me, alo hamemegãwo, le Kristo-hamea me. Nusrɔ̃la Yakobo ɖe nu me be: \"Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ [le gbɔgbɔ me] la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.\"—Yakobo 5:14, 15.\nHamemegã bibiwo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ aɖe dzi ƒe veve si nuvɔ̃wɔla si le nu xam vevie la sena dzi akpɔtɔ. Wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yehowa Galatiatɔwo 6:1) Ne amea ŋutɔ meyi ɖaʋu eƒe nuvɔ̃ me o gɔ̃ hã eye hamemegãwo te ɖe eŋu, abe alesi Natan te ɖe Dawid ŋui ene la, aʋãe be wòatrɔ dzime. Eyata kpekpeɖeŋu si hamemegãwo nana la kpena ɖe vodalaa ŋu be wòaƒo asa na afɔku si li be wòagate ŋu awɔ nuvɔ̃a ake kple emetsonu gã si nye be wòava zu nuvɔ̃wɔla matrɔdzime.—Hebritɔwo 10:26-31.le nuwɔwɔ kple nuvɔ̃wɔla la me. Togbɔ be asɔ be woahe to nɛ vevie hã la, womedina be yewoawɔ nu dzimagbɔɖitɔe gbeɖe o. Ke boŋ wodea ŋugble le nusiwo amea ahiã enumake ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe. Wotsɔa dzigbɔɖeanyi dzea agbagba be yewoazã Mawu ƒe Nyaa atsɔ aɖɔ vodalaa ƒe tamesusuwo ɖoe. (\nLe nyateƒe me la, mele bɔbɔe be ame nagblɔ nane si wòwɔ wònye ŋukpe nɛ na ame bubuwo ahabia tsɔtsɔke o. Ebia dzinɔameƒo. Gake tɔ vie nàde ŋugble le esia mawɔmawɔ ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe si megblɔ nuvɔ̃ gã si wòwɔ na hamemegã siwo le hamea me o la gblɔ be: \"Mesea veve le nye dzi me, si nu meyina o. Medzi nye agbagbadzedzewo ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔa me, gake nuxaxa kpɔtɔ nɔ anyi.\" Ebui be nuvɔ̃meʋuʋu na Mawu le gbedodoɖa me ɖeɖe sɔ gbɔ, gake mesu o, elabena ese seselelãme siwo tɔgbe Fia Dawid hã se la le eɖokui me. (Psalmo 51:10, 13) Aleke wònyo wue enye si be míaxɔ kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le si Yehowa nana to hamemegãwo dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010601\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-09-30T13:24:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510676.40\/warc\/CC-MAIN-20230930113949-20230930143949-00054.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988277555,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988277554512024}","num_words":453,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"11 \"Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔ̃e,+Eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.+ 2 Zi ale si woyɔ* woe la,Zi nenemae wote yi adzɔgee.+ Wosaa vɔ na Baal ƒe kpetatawo,+Eye wodoa dzudzɔ na legbawo.+ 3 Evɔ wònye nyee fia azɔlizɔzɔ Efrayim,+ eye mekɔa wo ɖe nye abɔwo dome hafi;+Ke womekpɔe dze sii be meda gbe le yewo ŋu o. 4 Mede lɔlɔ̃ka, si nye amegbetɔ ƒe ka* wo tsɔ kplɔ woe;+Menɔ na wo abe ame si ɖea kɔkuti le kɔ na ame la ene,Eye metsɔ nuɖuɖu vɛ na wo dometɔ ɖe sia ɖe beléletɔe. 5 Womagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asiria anye eƒe fia,+Elabena wogbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.+ 6 Yi atro ɖe eƒe duwo ŋu,+Agblẽ eƒe gametiwo eye wòaɖu wo le woƒe nugbeɖoɖowo ta.+ 7 Nye dukɔ ɖoe be yemawɔ nuteƒe nam o.+ Ne woyɔ wo be woatrɔ ɖe dziƒoʋĩtɔ* la ŋu hã, wo dometɔ aɖeke metsona o. 8 Oo Efrayim,+ aleke wɔ maɖe asi le ŋuwò? Oo Israel, aleke wɔ matsɔ wò ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene? Aleke mawɔ wò abe Zeboyim+ ene? Metrɔ susu;Eye nye dɔme hã trɔ ɖe ŋuwò.+ 9 Nyematrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la aƒo ɖi o. Nyemagatsrɔ̃ Efrayim azɔ o,+Elabena Mawu menye, menye amegbetɔ o,Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome;Nyematso ɖe mia ŋu le dziku me o. 10 Woadze Yehowa yome, eye wòaɖe gbe abe dzata ene;+Ne eɖe gbe la, viawo anɔ ƒoƒom tititi atso ɣetoɖoƒe ava.+ 11 Woanɔ ƒoƒom tititi abe xevi ene ahatso Egipte ava,Abe ahɔnɛ ene tso Asiria-nyigba dzi;+Eye mana woanɔ woƒe aƒewo me,\" Yehowa ye gblɔe.+ 12 \"Efrayim tsɔ alakpa ɖe to ɖem,Eye Israel ƒe aƒe la hã tsɔ beble ƒo xlãm.+ Ke Yuda gale zɔzɔm kple Mawu kokoko,Eye wòwɔa nuteƒe na Kɔkɔetɔwo Ƒe Kɔkɔetɔ la.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo wodɔ ɖe Israel gbɔ be woaxlɔ̃ nu wo.\n^ Alo, \"dɔmetɔtrɔ ƒe ka,\" abe ale si dzila ƒe dɔme trɔna ene.\n^ Efia, subɔsubɔ si nyo wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hosea\/11\/","date":"2023-10-01T11:04:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510888.64\/warc\/CC-MAIN-20231001105617-20231001135617-00772.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989377856,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989377856254578}","num_words":313,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"97 Yehowa zu Fia!+ Anyigba netso aseye.+ Ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ.+ 2 Alilikpo kple blukɔ ƒo xlãe godoo;+Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃e nye eƒe fiazikpuia ƒe gɔmeɖoanyi.+ 3 Dzo le bibim le eŋgɔ+Eye wòfiãa eƒe futɔwo katã le akpa sia akpa.+ 4 Eƒe dzikedzowo klẽ ɖe xexea me;Anyigba kpɔe, eye wòdzo kpekpekpe.+ 5 Towo lólo abe anyixe ene le Yehowa ŋgɔ,+Le anyigba blibo la katã ƒe Aƒetɔ la ŋgɔ. 6 Dziƒowo ɖea gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye,Eye dukɔwo katã kpɔa eƒe ŋutikɔkɔe.+ 7 Ŋu nekpe ame siwo katã subɔa nu kpakpɛwo,+Ame siwo tsɔa mawu maɖinuwo ƒoa adegbee.+ Mi mawuwo katã, mide ta agu nɛ.+ 8 Zion see, eye dzi dzɔe;+Yuda duwo* tsoa aseyeLe wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ta, Oo Yehowa.+ 9 Elabena Oo Yehowa, wòe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi;ȃo mawuwo katã ta sãsãsã.+ 10 Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃.+ Ekpɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ƒe agbe* ta;+Eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.*+ 11 Kekeli klẽ na ame dzɔdzɔe la+Eye dzidzɔ yɔ dzi dzɔdzɔetɔwo me. 12 Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,Eye mida akpe nɛ ɖe eƒe ŋkɔ* kɔkɔe la ta.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Yuda vinyɔnuwo.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"\n^ Alo, \"ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ si me.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ŋkuɖodzi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/97\/","date":"2023-09-21T13:17:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506027.39\/warc\/CC-MAIN-20230921105806-20230921135806-00626.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982812405,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982812404632568}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Efia Mí be Míade Bubu Yeƒe Subɔsubɔ Ŋu'\nYEHOWA ÐASEFOWO dometɔ ɖeka si tso Rovigo-nutoa me le Italy va de dzesii be nu te ahɔhɔ̃ me na ye eye be yeƒe nɔnɔmea nye ŋkubiãnya. Esi wònɔ kɔdzi ɣeyiɣi didi aɖe hebia be woada dɔ na ye ʋumadomadoe vɔ megbe la, dɔnɔdzikpɔla siwo le nutoa me ƒe kansa dɔdaƒe na kpekpeɖeŋui le aƒeme.\nDɔnɔ sia si xɔ ƒe 36 ƒe xɔse sesẽ kple lɔlɔ̃ faa be yeawɔ nu aduadu kple ɖɔkta siwo wɔ dɔ nɛ la wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ hafi kansa la nawui la, dɔnɔdzikpɔla siwo na kpekpeɖeŋui dometɔ ɖeka ŋlɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ tso dɔnɔ sia si eya ŋutɔ yɔ be Angela ŋu ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ƒe magazine aɖe me.\n\"Angela doa vivi ɖe ame ŋu eye wòdi vevie be yeanɔ agbe. Enya nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu be yeƒe dɔlélea nu sẽ eye abe alesi mía dometɔ ɖesiaɖe adii ene la, ele egbɔkpɔnu, hayahaya, alo atike dim. . . . Mí dɔnɔdzikpɔlawo míeva nɔ enyam vivivi. Metsi tre ɖe míaƒe kpekpeɖeŋu ŋu o. Ke boŋ alesi Angela ɖea eƒe susu gblɔnae faa na egbɔkpɔkpɔ nɔ bɔbɔe. Edzɔa dzi na mí ne míeyina egbɔ kpɔ ge, elabena míenya be ɣeyiɣi si míanɔ egbɔ aɖe vi ŋutɔŋutɔ na mí kple eyama siaa. . . . Míede dzesii enumake be eƒe subɔsubɔ dzixɔse anye mɔxenu le asitɔtrɔ le eƒe dɔlélea ŋu me.\" Emae nye dɔnɔdzikpɔlaa ƒe nukpɔsusu elabena esusui be ele be woado ʋu na Angela, gake melɔ̃ ɖe edzi o.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.\n\"Esi lãmesẽnyawo gbɔkpɔla xɔhehewoe míenye ta la, míegblɔ na Angela be míelɔ̃ ɖe eƒe nyametsotsoa dzi o, gake ekpe ɖe mía ŋu míese alesi wòbua agbe ƒe vevienyenyee gɔme. Míese alesi eya kple eƒe ƒomea tsɔ eƒe subɔsubɔa nu vevii hã gɔme. Angela mena ta o. Meɖe mɔ dɔlélea ɖu edzi o. Dzideƒo le esi. Edi vevie be yeahaya, aʋli, ahayi edzi anɔ agbe. Eɖe eƒe tameɖoɖo kplikpaa kple eƒe xɔse fia. Tameɖoɖo kplikpaa aɖe le esi si menɔa míawo ya si zi geɖe o, eye xɔse sesẽ aɖe hã le esi si tɔgbe mele míawo ya si o. . . . Angela fia mí alesi wòle vevie be míade bubu eƒe subɔsubɔha ŋu, togbɔ be ema tsi tre ɖe atikewɔwɔ me dzidzenu siwo le mía si ŋu hã. . . . Míexɔe se be nusi Angela fia mí la xɔ asi ale gbegbe, elabena míedoa go ameƒomeviwo katã, nɔnɔme ƒomevi ɖesiaɖe, kple subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe me tɔwo, eye míate ŋu asrɔ̃ nu tso amesiame si míedoa goe la gbɔ ahakpe ɖe eŋu le mɔ aɖe nu.\"\nMagazinea me nyatia he susu yi Italytɔ Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Agbenyuinɔnɔsewo, si dzi woda asi ɖo le ƒe 1999 me la dzi, esi gblɔ be: \"Dɔnɔdzikpɔla la abu amesiame ƒe subɔsubɔ, agbenɔnɔ gɔmeɖose, dekɔnuwo, ameƒomevinyenye kple ŋutsu alo nyɔnu nyenye ŋu le eƒe nuwɔna kple dɔnɔa me.\" Ɣeaɖewoɣi la, asesẽ na ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo be woade bubu dɔnɔ aɖe ƒe dzixɔsewo ŋu, eyata amesiame kpɔa ŋudzedze ɖe wo dometɔ siwo dea bubu ame ŋu la ŋu.\nNyametsotso siwo Yehowa Ðasefowo wɔna ku ɖe woƒe lãmesẽ kple dɔdada nyawo ŋu la nyea esi ŋu wodea ŋugble le nyuie. Wodea ŋugble le nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu vevie, eye abe alesi Angela ƒe nya la ɖee fiae ene la, womenye zazɛ̃nyahelawo o. (Filipitɔwo 4:5) Le xexeame godoo la, ɖɔktawo kple lãmesẽnyawo gbɔkpɔla geɖe wu le lɔlɔ̃m faa be yewoade bubu dɔnɔ siwo nye Ðasefowo ƒe dzitsinya ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040615\/Efia-M%C3%AD-be-M%C3%ADade-Bubu-Ye%C6%92e-Sub%C9%94sub%C9%94-%C5%8Au\/","date":"2023-09-24T05:27:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506559.11\/warc\/CC-MAIN-20230924023050-20230924053050-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980091453,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980091452598572}","num_words":561,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atrakpui siwo ƒe tɔtrɔ nye dzidzenu 180 ƒe akɔntabubu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ\nX\n- atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY\n- ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nE\n- Nuƒolanɔƒea ƒe Kekeme\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nZ\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nC\n- afɔɖeɖewo katã ƒe xexlẽme\nP\n- afɔɖeɖe ƒe xexlẽme le azɔlizɔzɔ si le anyime la dzi\nɖeɖe fiã\nAkɔntabubu le atrakpui siwo ƒe tɔtrɔ nye 180 ŋu° kple anyigba gbadzaa\nLe atrakpui ɖesiaɖe gome la, ele be atrakpuiawo dome didime nasɔ.\nLe go sia me la, woate ŋu abu anyidzedzea be enye afɔɖeɖe bubu.\nŊlɔ kɔkɔme tso dzisasrã si le ete dzi va ɖo dzisasrã evelia ƒe dzisasrã dzi.\nTsɔ ʋuƒoa ƒe didime gblɔ - didime si wò atrakpui la azɔ.\nWoateŋu agblɔ didimewo le mita, milimeta kple sentimeta me.\nÐoɖowɔɖia abu afɔtiawo ƒe kɔkɔme kple kekeme, dzogoe si dzi woadze anyi ɖo kple abɔta ƒe ka si le etame kple esi le ete ƒe didime le eɖokui si.\nBe nàtia atrakpuiawo ƒe nɔnɔme nyuitɔ kekeake la, trɔ atrakpuiawo ƒe xexlẽme, eye ɖoɖowɔɖia aɖo aɖaŋu le alesi wòanɔ bɔbɔe ŋu.\nFifia àte ŋu atiae nenye be yeawɔ nɔnɔmetata si nye yevu kple blɔ alo amadede.\nAtrakpui si wotsɔ trɔa atrakpui la ƒe kekeme sɔ kple atrakpuiawo ƒe kekeme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica4\/","date":"2023-09-24T21:00:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506669.30\/warc\/CC-MAIN-20230924191454-20230924221454-00332.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998098016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998098015785217}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.342,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia do ŋugbe be: \"Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.\" (1 Yohanes 2:17) Nu kae Mawu di tso asiwò be nàwɔ?\nSrɔ̃ nu tso Mawu kple Via Yesu ŋu. Yesu do gbe ɖa na Mawu gblɔ be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3) Nu kae wòfia be \"woanya\" Mawu kple Yesu? Míate ŋu anya wo ne míesrɔ̃a Biblia eye míenɔa agbe ɖe emenyawo nu. a Biblia ɖe mía Wɔla, Yehowa Mawu, si nye míaƒe Agbenala la ƒe susuwo fia mí. (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Biblia gaƒo nu tso Via, Yesu si fia \"agbe mavɔ nyawo\" amewo la ŋu.—Yohanes 6:67-69.\nXɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se. Yesu va anyigba dzi \"be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe.\" (Mateo 20:28) Yesu ƒe tafevɔsaa ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. b (Psalmo 37:29) Yesu gblɔ be: \"Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.\" (Yohanes 3:16) De dzesii be ebia nu geɖe wu Yesu dzi xɔxɔ se dzro ko. Ele be 'míaxɔ edzi ase,' si fia be míatiae be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple eƒe nufiafiawo kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu.—Mateo 7:21; Yakobo 2:17.\nTu xɔlɔ̃wɔwɔ sẽŋu ɖo le wò kple Mawu dome. Mawu di be míate ɖe ye ŋu eye míanye ye xɔlɔ̃wo. (Yakobo 2:23; 4:8) Mawu li tegbee. Maku akpɔ gbeɖe o, eye edi be ye xɔlɔ̃wo hã nanɔ agbe tegbee. Mawu to eƒe Nya dzi gblɔ nyui si wòdina na ame siwo katã dinɛ la be: \"Mise vivi le agbe me tegbee.\"—Psalmo 22:26.\nSusu Totro Siwo Le Amewo Si Ku Ðe Agbe Tegbee Nɔnɔ Ŋu\nSusu totro: Agbe tegbee nɔnɔ ati ame.\nNyateƒea: Mawu, ame si lɔ̃ mí eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ lae na mɔnukpɔkpɔa mí be míava nɔ agbe mavɔ. (Yakobo 1:17; 1 Yohanes 4:8) Enya be hafi míakpɔ dzidzɔ la, míehiã dɔ si ŋu taɖodzinu vavã le. (Nyagblɔla 3:12) Mawu do ŋugbe be ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi la awɔ dɔ si me dzidzeme vavã le, si aɖe vi na wo kple woƒe ame veviwo.—Yesaya 65:22, 23.\nGawu la, ame siwo anɔ agbe tegbee la ayi edzi asrɔ̃ nu yeye geɖe tso wo Wɔla la kple eƒe nuwɔwɔ gbogboawo ŋu. Ewɔ amegbetɔwo kple didi be woanɔ agbe tegbee ahasrɔ̃ nu tso ye ŋu, togbɔ be 'womanya mɔnu le dɔ siwo Mawu vavã la wɔ la ŋu tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu o' hã. (Nyagblɔla 3:10, 11) Eya ta, mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo anɔ agbe tegbee la si be woasrɔ̃ nu dodzidzɔname geɖe ahase vivi na wo wɔwɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/n%C9%94-agbe-tegbee-agbe-mav%C9%94\/","date":"2023-09-24T04:34:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506559.11\/warc\/CC-MAIN-20230924023050-20230924053050-00066.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99764359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976435899734497}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 15, 2004 \"Miawo Mido Gbe Ða Ale\" Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa—Nusi Wòfia na Wò 'Atsiaƒuwo me Kesinɔnu Gbogboawo' 'Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Xɔm Le Aƒetɔ La Me' \"Mido Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La Katã\" Té Siwo Naa Míekpɔa Nu Ðuna Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia Me Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ŋkuléle Ðe Chester Beatty ƒe Nunɔamesiwo Ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040915\/","date":"2023-09-26T16:43:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510214.81\/warc\/CC-MAIN-20230926143354-20230926173354-00884.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977712631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977712631225586}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2005 Xexe Si Me Madzɔmadzɔnyenye Bɔ Ðo Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Atrɔ Xexea Vavãa? 'Nusi Nye Dzi Di La' Va Eme Nam Tafea Doa Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye Ðe Dzi Agbenɔnɔ Nyui Ðea Vi \"Nye Agbemeŋkeke Vevitɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka\" Yehowae Nye Mía Kplɔla Àzɔ Kple Mawua? Nudzɔdzɔ Siwo Doa Dzidzɔ na Mawu ƒe Dzi Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051101\/","date":"2023-12-06T21:16:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100603.33\/warc\/CC-MAIN-20231206194439-20231206224439-00243.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958844781,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958844780921936}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amekawoe Wɔna Ðe Kristo ƒe Nufiafiawo Dzi Egbea?\nAME akpa gãtɔ bua Yesu Kristo be enye ame xɔŋkɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka. Ame geɖe bunɛ be eyae nye ame vevitɔ kekeake. Anye ƒe akpe eve kloe enye sia si eƒe nufiafiawo le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi vevie—amesiwo agbalẽŋlɔla Britaintɔ Melvyn Bragg yɔ be \"nyuiwɔlawo kple dɔmenyowɔla tsɛ siwo ƒe kpekpeɖeŋunana medzena wokpɔna o, kple dɔmenyowɔla siwo naa nu gbogbowo amewo tsɔ dia kafukafui la siaa.\"\nAleke Amewo Bua Kristotɔnyenyee?\nAleke amewo bua Kristotɔnyenyee? Woɖɔe be enye \"ŋgɔyiyi gã siwo ameƒomea wɔ le subɔsubɔnyawo gome la dometɔ ɖeka.\" David Kelso, si le Glasgow Caledonian Yunivɛsiti, le Scotland, gblɔ nya aɖe le eŋu. Eŋlɔ bena: \"Ƒe akpe eve si [Kristotɔnyenye] xɔ la me yɔ fũ kple dzidzedze siwo wòkpɔ le aɖaŋudɔ, xɔtuɖaŋu, xexemenunya, haƒoƒo, kple hadomenuwɔnawo me.\"\nKe hã, ame gbogbo aɖewo ya mebui nenema o. Menye alesi woɖe Kristotɔnyenye gɔme le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Collins Cobuild me be, \"Enye subɔsubɔ si wotu ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kple dzixɔse si nye be enye Mawu ƒe vi la dzi\" ye ɖe fu na wo o. Ke boŋ subɔsubɔhabɔbɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe agbenɔnɔe mesɔna na wo o.\nLe kpɔɖeŋu me, ƒe alafa 19 lia me Germanytɔ xexemenunyala Friedrich Nietzsche ɖɔ alesi Kristotɔnyenye le fifia be enye \"nusi koŋ gblẽ nu le ameƒomea ŋu ɖikaa.\" Eŋlɔ bena eyae he \"fiƒode gãtɔ, nutovowɔwɔ nyɔŋutɔ kekeake vɛ, . . . eye wòzãa mɔ vɔ̃ɖi ɖesiaɖe, anukwaremaɖimaɖi ɖesiaɖe, nufitifitiwɔwɔ ɖesiaɖe, kple numaɖinu ɖesiaɖe tsɔ ɖoa eƒe taɖodzinu gbɔe.\" Ele eme be Nietzsche ɖe ami ɖe eƒe nyawo ya, gakenumekula siwo gblɔa woƒe nyawo tẽ la dometɔ geɖe hã gblɔ nya siawo tɔgbe. Nukatae? Elabena menye Yesu Kristo ƒe nɔnɔmewoe dze le amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la ƒe agbenɔnɔwo ŋu o, ke boŋ \"nutovowɔwɔ, nu vlo dziŋɔwo wɔwɔ, kple busunyagbɔgblɔ\" si de du lae ɖe dzesi le wo ŋu, le ƒe alafa siwo va yi la me.\nÐe Kristo ƒe Asi Kpɔtɔ Le Kristotɔnyenye Mea?\nEkema asɔ be woabia be, \"Ðe Kristo ƒe asi kpɔtɔ le Kristotɔnyenye mea?\" Ame aɖewo aɖo eŋu enumake be: \"Ẽ, eƒe asi le eme! Ðe medo ŋugbe na eyomedzelawo be yeanɔ kpli wo 'yiɖase xexeame ƒe nuwuwu oa'?\" (Mateo 28:20) Ẽ, Yesu gblɔe ya. Gake ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be yeanɔ kple amesiame si ko gblɔna be ye yomedzelae yenye, aleke kee amea ɖanɔa agbee oa?\nÐo ŋku edzi be, le Yesu ƒe ŋkekea me la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo bui be nuka kee yewoɖawɔna o, Mawu li kpli yewo. Esi wònye be Mawu tia Israel hena dɔ vevi aɖe wɔwɔ ta la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo bui be—nuka ke wɔmee yewoɖale o—Mawu magblẽ yewo ɖi akpɔ o. (Mixa 3:11) Gake mlɔeba la, wova ɖe asi le Mawu ƒe sewo kple dzidzenuwo ŋu kura. Esia wɔe be Yesu Kristo gblɔ na wo tẽ be: \"Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.\" (Mateo 23:38) Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe subɔsubɔ nuɖoanyi bliboa ŋu o. Egbe wo kura eye wòɖe mɔ Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem, si nye fiadua, kple gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me.\nÐe nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔnyenye dzia? Mina míadzro nudidi siwo Yesu tsɔ kpe ɖe ŋugbe si wòdo be yeanɔ kple ye yomedzelawo vaseɖe \"xexeame ƒe nuwuwu\" ŋu la me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nYesu Kristo ƒe nufiafiawo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame miliɔn geɖe dzi le xexeame godoo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060301\/Amekawoe-W%C9%94na-%C3%90e-Kristo-%C6%92e-Nufiafiawo-Dzi-Egbea\/","date":"2023-12-11T16:16:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679515260.97\/warc\/CC-MAIN-20231211143258-20231211173258-00833.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975796342,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975796341896057}","num_words":562,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hena Ƒometadedeagu Wò ƒomea ate ŋu ase vivi na nusɔsrɔ̃ tso Biblia me nudzɔdzɔwo, amewo kple teƒewo ŋu! ƲU Yeyetɔwo Xoxotɔwo Srɔ̃ Nu Tso Ame Bubuwo Gbɔ Woɖo To Mawu Di Be Yeakpe Ðe Mía Ŋu Yosef Xɔ Amewo Ðe Agbe Yosef Le Egipte-nyigba Dzi Lot Kple Eƒe Ƒomea Yakob Kple Esau Yakob Viŋutsuwo Nuwɔwɔ Dzinɔameƒotɔe Tiae Be Yeasubɔ Yehowa Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Míesubɔa Yehowa Ale Si Yehowa Doa Ŋusẽ Mí Xɔlɔ̃ Wɔnuteƒe Rahab Wɔ Ðe Woƒe Nyawo Dzi Yehowa Ðe Israel-viwo Mawu Dɔ Mose Ðe Egipte Mose Tsi Le Egipte Israel-viwo Wɔ Sikanyivi Kora Dze Aglã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Hena Ƒometadedeagu ÐEVIWO Hena Ƒometadedeagu Eʋegbe Hena Ƒometadedeagu https:\/\/cms-imgp.jw-cdn.org\/img\/p\/1011258\/univ\/art\/1011258_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/hena-%C6%92ometadedeagu\/","date":"2023-12-05T02:29:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100540.62\/warc\/CC-MAIN-20231205010358-20231205040358-00357.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971216917,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971216917037964}","num_words":116,"character_repetition_ratio":0.099,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.138,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Le Persia-fia Kores+ ƒe ƒe gbãtɔ me, be Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya+ dzi nava eme la, Yehowa nyɔ Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, wòɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ me+ hã be: 2 \"Ale Persia-fia Kores gblɔe nye esi, 'Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu la, tsɔ anyigbadzifiaɖuƒewo katã nam,+ eye wòde dɔ asi nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem,+ le Yuda. 3 Eƒe dukɔ blibo la me tɔ ɖe sia ɖe si le mia dome la, eƒe Mawu nenɔ kplii. Neyi Yerusalem le Yuda ne wòagbugbɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe xɔ si nɔ Yerusalem* la atu—eyae nye Mawu vavã la. 4 Ame sia ame si nye amedzro,+ afi ka kee wòɖale o, eƒe aƒelikawo nekpe ɖe eŋu, ne woana klosalo, sika, nunɔamesiwo kple aƒemelãwoe, hekpe ɖe lɔlɔ̃nu faa nunana ŋu hena Mawu vavã la ƒe aƒe+ si le Yerusalem.'\" 5 Ale Yuda kple Benyamin viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, nunɔlawo kple Lewi viwo—ame sia ame si ƒe dzi* Mawu vavã la ʋã la—dzra ɖo be yewoayi aɖagbugbɔ Yehowa ƒe xɔ si nɔ Yerusalem la atu. 6 Ke woƒe aƒelikawo tsɔ klosalonuwo, sika, nunɔamesiwo, aƒemelãwo kple nu xɔasiwo do alɔ wo hekpe ɖe nu siwo katã wona faa la ŋu. 7 Fia Kores hã ɖe Yehowa ƒe aƒe la me nu siwo Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem heva da ɖe eƒe mawu ƒe me la do goe.+ 8 Persia-fia Kores ɖe wo do goe le kesinɔnuwo dzi kpɔla Mitredat ƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar,*+ si nye Yuda ƒe amegã. 9 Ke nuawo ƒe xexlẽme yi ale: sikagba siwo le abe kusiwo ene blaetɔ̃, klosalogba siwo le abe kusiwo ene akpe ɖeka, ŋudɔwɔnu bubu blaeve vɔ asieke, 10 sikagba goboe sue blaetɔ̃, klosalogba goboe sue alafa ene kple ewo, kple ŋudɔwɔnu bubu akpe ɖeka. 11 Sikanuawo kple klosalonuawo katã le akpe atɔ̃ alafa ene. Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi esime aboyomeawo+ tso Babilon gbugbɔ va Yerusalem.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"ame si le Yerusalem.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"si ƒe gbɔgbɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/ezra\/1\/","date":"2023-12-03T21:32:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100508.53\/warc\/CC-MAIN-20231203193127-20231203223127-00637.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991686344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991686344146729}","num_words":339,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuŋlɔɖiwo na DivMagic ƒe kpeɖeŋutɔ\nKɔpi atsyã ɖesiaɖe tso nyatakakadzraɖoƒe ɖesiaɖe eye nàtsɔe ade wò ŋutɔ wò dɔ me\nÀte ŋu axɔ CSS alo Tailwind CSS ƒe klass siwo wowɔna edziedzi\nDze egɔme to DivMagic ɖoɖo ɖe wò kɔmpiuta dzi\nChrome ƒe tɔtrɔa wɔa dɔ le Chrome, Edge, Brave, kple Chromium-nukpɔmɔ̃ bubuwo dzi.\nHacker News ƒe tɔtrɔ keŋkeŋ wòazu Tailwind CSS kple asiƒoƒo ɖeka\n© 2024 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/docs?utm_source=divmagic-navbar","date":"2024-03-01T20:57:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475701.61\/warc\/CC-MAIN-20240301193300-20240301223300-00102.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995701909,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995701909065247}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nAme kae nye \"gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã,\" eye dɔ kae wòwɔna?\n\"Gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã\" hã nɔ Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo na wolé apostolo Petro kple Yohanes, esime wonɔ gbeƒã ɖem la dome. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3) Biblia megblɔ dɔ siwo gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã la wɔna na mí o, gake ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖe nya vevi aɖewo ɖe go.\nEdze abe le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, nunɔla si nɔa nunɔlagã la te tẽe ye nɔa ɖoƒe sia. Gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã lae kpɔa egbɔ be nuwo nayi edzi le ɖoɖo nu le Yerusalem gbedoxɔa me kple egodo siaa. Ekpɔa tadedeagu wɔna siwo yia edzi le afi ma kple ame siwo woate ŋu ayɔ be gbedoxɔa ŋu srafowo la ƒe ƒuƒoƒoa dzi. Amegã bubu siwo le eyama te la hã kpɔa dzɔla siwo ʋua gbedoxɔa ƒe agbowo le ŋdi me hetua wo le fiẽ me, eye wokpɔa egbɔ be ame aɖeke nagage ɖe afi siwo womeɖe mɔ be woayi o, eye wokpɔa gbedoxɔa ƒe nudzraɖoƒea dzi la dzi.\nWoma nunɔlawo kple Lewi vi siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la ɖe hatsotso 24 me, eye hatsotso siawo nɔa wo nɔewo ɖɔ lim kwasiɖa sia kwasiɖa, si wɔnɛ be zi evee kwasiɖa ɖeka ƒe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia sua hatsotsoawo dometɔ ɖe sia ɖe si le ƒe ɖeka me. Anɔ eme be gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã aɖe nɔa hatsotso siawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.—1 Kronika 24:1-18.\nŊusẽnɔƒe gã aɖee gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã siawo le. Woyɔ wo kpe ɖe nunɔlawo ƒe tatɔ siwo ɖo nugbe be yewoawu Yesu la ŋu, eye woawoe dɔ asrafo siwo le woƒe kpɔkplɔ te la ɖa be woaɖalé Yesu.—Luka 22:4, 52.\nMateo 3:4 gblɔ be Yohanes Amenyrɔ- ɖetsimela ƒe nuɖuɖue nye \"ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.\" Ðe ʋetsuviwo nye nuɖuɖu si bɔ ɣemaɣia?\nAme aɖewo meka ɖe edzi be nudzodzoewo ŋutɔŋutɔe Yohanes ɖu o, eye wogblɔna be ayi ƒomevi aɖe, atikutsetse aɖe, alo tɔmelã ƒomevi vovovowo gɔ̃ hã ŋue Mateo nɔ nu ƒom tso. Ke hã, Helagbe me nya si Mateo zã la ku ɖe ʋetsuvi ƒomevi vovovo aɖewo (Acrididae) koŋ ŋu. Esi bɔ wu le Israel ɣemaɣie nye dzogbeʋetsuvi gblẽnu siwo ŋu wogblɔ le be wonɔa hatsotso gãwo me.—Yoel 1:4, 7; Naxum 3:15.\nƲetsuviwo nyea nuɖuɖu vevi aɖe ŋutɔ na Asiriatɔwo kple Etiopiatɔwo ɣemaɣi, eye Bedouintɔwo kple Yemen Yudatɔ aɖewo gakpɔtɔ ɖunɛ egbea. Wobua ʋetsuviwo be wonye ame dahewo ƒe nuɖuɖu le Israel ɣemaɣi. Woɖea eƒe ta, afɔwo, kple ƒodo ɖa heɖua akpa susɔea mumui, alo wotɔnɛ, alo sianɛ wòƒuna hafi ɖunɛ. Ɣeaɖewoɣi la, wodea dze ʋetsuviawo alo dea wo wain tsitsi loo alo anyitsi me hafi ɖuna. Blemaŋutinyaŋlɔla Henri Daniel-Rops gblɔ be woƒe vivi dea bɔlu ƒe vivi ɖi ge.\nEsi wònye gbedadaƒoe Yohanes ɖe gbeƒã le ta la, keke ɖe ʋetsuviwo ŋu masesẽ nɛ o. (Marko 1:4) Esi wònye be amenyinu si nye protein alafa memama 75 lɔƒoe le ʋetsuviwo me ta la, woa kple anyitsi ɖuɖu nyea nuɖuɖu si me nunyiame geɖe le.\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nSubɔvi Asiriatɔ siwo tsɔ ʋetsuviwo kple yevuboɖawo va yina\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nFrom the book Discoveries Among the Ruins of Nineveh and Babylon (1853)","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091001\/%C3%88nyaa\/","date":"2024-03-03T00:24:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476137.72\/warc\/CC-MAIN-20240302215752-20240303005752-00120.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989871979,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989871978759766}","num_words":507,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Miva srɔ̃ nu le Yehowa gbɔ kple dzidzɔ.\n'Me si lɔ̃ neva xɔ agbetsi faa.\nNufiame nyuitɔ tso Yehowa gbɔ\nBe wòanyi gbɔgbɔmedɔwuitɔwo.\n2. Mele be míagblẽ míaƒe kpekpewo ɖi o.\n'Fi mae Mawu fiaa nu dzɔdzɔe mí le.\nGbɔgbɔa fiaa mɔ mí, mía nɔviwo hã\nDoa ŋusẽ mí míezɔa kekelia me.\n3. Kafukafuhadzidzi dea dzi gbɔ na mí!\n'Me si'o Ma'u fiaa nui ƒe nyawo dzea to.\nMíaƒe kpekpeawo míayi ɣesiaɣi.\nMawu ƒe amewo dome míanɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/d\/r114\/lp-ew\/1102009081","date":"2024-02-23T00:02:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473871.23\/warc\/CC-MAIN-20240222225655-20240223015655-00676.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958058596,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958058595657349}","num_words":75,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ Amekafukafu Ƒe Vevienyenye Dze Sii\nÐE NÈSEE ame aɖe to nyatoƒoe kpɔ be, ƒãa hafi yeƒe dɔtɔ kafua yea? Ðe wò ŋutɔ gɔ̃ hã nèto nyatoƒoe sia tɔgbi kpɔa? Alo ne sɔhɛe nènye la, ɖe nègblɔ nya mawo tso dziwòlawo alo nufialawo ŋu kpɔa?\nAnɔ eme be nyatoƒoetoto siawo dometɔ aɖewo le eteƒe. Gake le Germanytɔ dzideƒoname ŋuti hehenala aɖe ƒe nya nu la, le dɔwɔlawo gome la, ale si dɔtɔwo mekafua wo o la meɖea fu na wo dea ale si dɔtɔawo metsɔa ɖeke le eme na wo o nu o. Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be nane hiã vevie. Amekafukafu kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame siaa le vevie bene míanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo.\nNya sia nye nyateƒe le tadedeagu hã gome. Ele be amekafukafu, vividodo ɖe ame ŋu, kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame nɔewo naɖe dzesi le Kristo hamea ŋu. Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe nana be hamea me tɔwo te ŋu tua nɔnɔme siawo ɖo heɖena wo fiaa wo nɔewo. Gake aleke kee míeɖalɔ̃a mía nɔewo le hamea me o, míagate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le go sia me. Esi nya sia le susu me na wò la, na míadzro kpɔɖeŋu nyui siwo Mawu subɔla Elihu, si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, apostolo Paulo, kple Yesu Kristo ŋutɔ hã ɖo le amekafukafu me la me.\nAɖaŋuɖoɖo Le Ameŋububu Kple Bubudede Ame Ŋu Me\nElihu, si anɔ eme be enye Abraham ƒe ƒometɔ aɖe la, wɔ akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe Hiob ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nasu esi le woa kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu me. Elihu ɖe ameŋububu kple bubudeameŋu fia. Egbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe esime wòɖo edzi be wòaƒo nu. Togbɔ be ɖeko Hiob ƒe yeaɖixɔlɔ̃wo bu fɔe hã la, Elihu ya ɖo aɖaŋu nɛ hekafui hã ɖe eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta. Ewɔ esia ɖetsɔlemetɔe le lɔlɔ̃ me abe xɔlɔ̃ vavã ene heyɔ Hiob ŋkɔ gɔ̃ hã, nu si xɔlɔ̃ bubuawo mewɔ o. Ebia bubutɔe be: \"[Oo,] Hiob, se nye nyawo, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒowo katã ŋu!\" Bubutɔe la, etsɔ eɖokui ɖo Hiob teƒe hegblɔ be: \"Kpɔ ɖa, Mawu tɔe menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.\" Azɔ ekafui, gblɔ be: \"Ne nya le asiwò la, ekema ɖo ŋu; ƒo nu, [\"elabena wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ nyo ŋunye,\" NW].\"—Hiob 33:1, 6, 32.\nAme bubuwo ŋu bubu kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu bubutɔe nye wo kafukafu le mɔ aɖe nu. Le nyateƒe me la, míele gbɔgblɔm na ame si ŋu míewɔa nu ɖo alea la be, 'Wò nu dzea ŋunye eye medea bubu ŋuwò ŋutɔ.' Míetoa esia dzi ɖea vividoɖeameŋu kple ɖetsɔleme fiaa amea.\nMenye nudzeamewɔwɔ ƒe sewo dzi wɔwɔ dzro koe bubudede ame ŋu kple ameŋububu nye o. Hafi amewo nakpɔe be míebua yewo ŋu hedea bubu yewo ŋu ŋutɔŋutɔ la, ele be míawɔe tso dzi blibo me. Ele be wòanye ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ vavã ɖeɖe fia.\nAmewo Kafukafu Ŋuɖɔɖotɔe\nApostolo Paulo ɖe akpa vevi si ŋuɖɔɖo wɔna le amewo kafukafu me la fia. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ gbeƒã ɖem le Atene le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, eʋli Kristotɔnyenye ta le Helatɔ xexemenunyala aɖewo ŋkume. De dzesi ale si wòwɔ dɔ sia si menɔ bɔbɔe o la ŋuɖɔɖotɔe. \"Epikuro- kple Stoa-nunyaxɔlɔ̃ aɖewo hã sẽ nu kplii. Eye ame aɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ? Ke ɖewo bena: Ewɔ abe dutamawuwo fiam wòle ene.\" (Dɔwɔwɔwo 17:18) Togbɔ be wogblɔ nya mawo ɖe Paulo ŋu hã la, elé eɖokui kpoo hegblɔ be: \"Mi Atene-ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ.\" Paulo mebu fɔ wo le esi wonye trɔ̃subɔlawo ta o, ke boŋ ekafu wo ɖe woƒe veviedodonu le subɔsubɔ me ta.—Dɔwɔwɔwo 17:22.\nAlakpanue wònye Paulo wɔa? Kura o. Enyae be menye yeƒe dɔe wònye be yeadrɔ̃ ʋɔnu yeƒe nyaselawo o; enyae be ye hã yenye ame manyanu le nyateƒea gome kpɔ. Mawu ƒe gbedeasia gbɔgblɔ na amewoe nye eƒe dɔdeasi, ke menye be wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Nu siwo me eya ŋutɔ to la na wòkpɔ nyateƒenya sia si Yehowa Ðasefo geɖe siwo li egbea hã de dzesi la dze sii, be: Ame aɖewo siwo ʋlia alakpasubɔsubɔ ta vevie tsã la dometɔ aɖewo va zu subɔsubɔha vavãtɔa ta ʋlila dovevienuwo.\nNu nyui geɖe do tso mɔnu nyui sia si Paulo zã la me. \"Ŋutsu aɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dionisio, Areopago tɔ la, kple nyɔnu aɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le.\" (Dɔwɔwɔwo 17:34) Nunya ka gbegbee nye esi Paulo ɖe fia le esi mebu fɔ Atenetɔawo ɖe esi sidzedze vavãtɔ mesu wo si o ta la ta o, ke boŋ wòkafu wo ɖe fɔléle ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu ta, togbɔ be wonye alakpadzixɔsewo hã! Zi geɖe la, dzi nyui nɔa ame siwo wotsɔ alakpanufiafiawo blee la si.\nEsi wòva hiã hã be Paulo naɖe eɖokui nu le Herodes Agripa II ŋkume la, ewɔe ŋuɖɔɖotɔe. Amewo nyae be Herodes ɖe ye ŋutɔ nɔvia nyɔnu, Bernice, nu si ŋu Mawu ƒe Nya la de se ɖo eme kɔ nyuie. Ke hã, Paulo mebu fɔe ɖe ema ta kura o. Ke boŋ ekpɔ nu nyui aɖe le Herodes ŋu hekafui ɖe eta. Egblɔ be: \"Mebui dzidzɔ, fia Agripa, bena maɖe ɖokuinye nu egbe sia le ŋkuwò me le nusiwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome.\"—Dɔwɔwɔwo 26:1-3.\nÐe nunya manɔ eme be míawo hã míaɖe ŋuɖɔɖo sia tɔgbi afia le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me oa? Míaƒe aƒelika, sukuhati, alo dɔwɔhatiwo kafukafu ate ŋu ana be ŋutifafa kple ƒomedodo nyui nanɔ mía kpli wo dome. Ne amewo kpɔe be míekafua yewo anukwaretɔe la, ate ŋu adzɔ be míaʋã wo dometɔ siwo si dzi nyui le la be woatrɔ asi le woƒe nukpɔsusu kple nuwɔna masɔmasɔwo ŋu woava nɔ ɖekawɔwɔ me kple sidzedze vavãtɔ la.\nKpɔɖeŋu Deblibo Si Yesu Ðo Le Amewo Kafukafu Me\nYesu kafu amewo. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi vɔ megbe la, Yesu wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi, ƒo nu na hame adre siwo nɔ Asia Sue la to apostolo Yohanes dzi. Megbe ame siwo dze na kafukafu la kafukafu o. Egblɔ nya siwo gbɔna la na hame siwo nɔ Efeso, Pergamo, kple Tiatira, be: \"Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o\"; \"nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti . . . o\"; kple \"menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu Nyaɖeɖefia 2:2, 13, 19; 3:4) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Yesu ɖo!gbãtɔwo.\" Le Sardes hamea, si wòhiã be Yesu naxlɔ̃ nui kple ŋkubiã gɔ̃ hã gome la, ede dzesi ame aɖewo siwo dze na kafukafu, eye wògblɔ na wo be: \"Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋɛ aɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze.\" (\nLe Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, mele be míabu fɔ ƒuƒoƒo aɖe le wo dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe kpododo nu ta, alo aɖo aɖaŋu na ame, evɔ míado kpo ekafukafu le go aɖewo me gbeɖe o. Gake anyo be wòanɔ susu me na mí be, ne ɣesiaɣi si míeɖoe be míaɖo aɖaŋu na ame aɖe koe míekafunɛ gbã la, míaƒe kafukafunyawo mawɔ dɔ aɖeke ɖe ame dzi o. Kafu amewo ɣesiaɣi si wòhiã! Ne aɖaŋuɖoɖo va hiã ɣebubuɣi la, anɔ bɔbɔe be woaɖo to wò.\nHamemetsitsi Siwo Kafua Ame Ale Si Dze\nCornelia, si nye nyɔnu Kristotɔ aɖe si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa fifia la ɖo ŋku edzi be le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe si va nɔ hamea srãm kpɔ la bia ye be, ɖe yete ŋu xlẽa magazineawo hewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ hã. Nɔvinyɔnua gblɔ be: \"Ŋu kpem vie.\" Gake egblɔ na dzikpɔlaa be menye magazineawo ƒe nyati ɖe sia ɖee yete ŋu xlẽna o. Nɔvinyɔnua gblɔ be: \"Mebu fɔm o, ke boŋ ɖe wò kafum ɖe esi nu mete ŋu xlẽna la ta. Eƒe kafukafua de dzi ƒo nam ale gbegbe be, tso ɣemaɣi la, meɖoe be manɔ nyatiawo dometɔ ɖe sia ɖe xlẽm.\"\nRay, si le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa la ɖo ŋku eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒeŋkeke gbãtɔ dzi. Esi hamea ƒe zimenɔla, si nye gbe sia gbe dɔwɔla, eye ƒome kple hamea ƒe agbanɔamedzi geɖewo hã le edzi, ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me fiẽ ma la, ezɔ ɖe Ray dzi tẽ hebiae be, \"Alekee wò mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkeke gbãtɔ sia nɔ na wò?\" Fifia, si nye ƒe 60 megbe la, Ray gakpɔtɔ ɖoa ŋku hamemetsitsia ƒe ameŋububu nuwɔna ma dzi.\nAbe ale si nuteƒekpɔkpɔ eve siawo ɖee fiae ene la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia amewo lɔlɔ̃tɔe ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta tso dzi me—menye kafukafunya dzro aɖewo ko gbɔgblɔ, alo kesekukuɖɔɖɔ na ame o—ate ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ. Susu geɖewo li siwo ta wòle be míakafu mía nɔvi Kristotɔwo le hamea me ɖo. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu akafu wo le didi si le wo me be yewoasubɔ Yehowa, nyaŋuɖoɖo siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie, agbagba siwo wodze te ŋu ɖu vɔvɔ̃ si nɔa wo me ne wole dɔdeasiwo wɔm alo le nya ŋu ɖom le kpekpeawo me dzi, woƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me, kple agbagbadzedze be yewoatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo kpakple gbɔgbɔ me taɖodzinuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me la ta. Amewo kafukafu ɖea vi geɖe na míawo ŋutɔwo hã. Enana míekpɔa dzidzɔ eye nukpɔsusu nyui nɔa mía si ɣesiaɣi.—Dɔwɔwɔwo 20:35.\nEnyo ŋutɔ be hamemetsitsiwo kafua nɔvi siwo le hamea me la ɖe dɔ nyui siwo wowɔna ta. Eye ne eva hiã be woaɖo aɖaŋu la, wowɔnae le lɔlɔ̃ me. Le go bubu me la, mele be woadi be woawɔ nu sia nu kpɔtsɔtsɔ aɖeke manɔŋui ale gbegbe be, ne nɔvi aɖe mete ŋu wɔe nenema pɛpɛpɛ o la, woabui nɛ vodada gãe o.\nKristotɔ hamemetsitsi siwo srɔ̃a Elihu ƒe ameŋububu kple bubudeameŋu lɔlɔ̃tɔe, ŋuɖɔɖo si Paulo ɖe fia, kple ale si Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe la, nyea dzideƒonametsoƒe vavã na nɔviawo. Ne míekafua amewo la, ana woagadze agbagba geɖe wu, eye wòana dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ nanɔ mía kple amewo dome. Aleke gbegbee dzi anya dzɔ Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi be Fofoa si le dziƒo la gblɔ kafukafunya siawo nɛ, be, \"Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena\" enye esi! (Marko 1:11) Neva eme be míado dzidzɔ na mía nɔviwo ƒe dzi to wo kafukafu tso dzi me faa me.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]\nNu nyuiwo do tso ŋuɖɔɖo si Paulo ɖe fia la me, nenema kee wòanɔ le míawo hã gome\n[Nɔnɔmetata si le axa 16]\nViɖe geɖewo ate ŋu ado tso amewo kafukafu tso dzi me me","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070901\/Kp%C9%94-Amekafukafu-%C6%91e-Vevienyenye-Dze-Sii\/","date":"2024-02-28T21:29:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474746.1\/warc\/CC-MAIN-20240228211701-20240229001701-00854.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984140992,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984140992164612}","num_words":1804,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ŋkuagbãtɔwo ƒe nuto ƒe nɔnɔmetata cutaway\nNuto si me ŋkuagbãtɔwo le 48.96 m2\nBlind area ƒe gbeɖiɖi ƒe sesẽme 34.762 m3\nAnyigba ƒe nɔnɔme 48.96 m2\nMesh si doa ŋusẽ ame 48.96 m2\nTsi ƒe mɔxexeɖedɔléle nu 74.52 m2\nKpe si wotsɔ ɖoa kpe gbadzɛwo 48.96 m2\nKɔkreti 4.896 m3\nnusiwo wotsɔ xea mɔ na dzoxɔxɔ 2.448 m3\nKpe gbadzɛwo 14.688 m3\nke 9.792 m3\nLiƒo 45.6 m\nFormwork ƒe didime 45.6 m\nFormwork ƒe teƒe 32.376 m2\n© www.zhitov.ru","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/blind_area\/calculator.php","date":"2024-04-14T07:29:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816875.61\/warc\/CC-MAIN-20240414064633-20240414094633-00154.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998208344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982083439826965}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.1,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.378,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Artik\nAtsiaƒuŋutinunyala Peter Wadhams si nye nufialagã le Cambridge Yunivɛsiti le Britain gblɔ be: \"Tsikpewo ƒe agbɔsɔsɔme le dzomeŋɔli fifia nyea esiwo nɔ anyi le ƒe 30 siwo va yi la ƒe memama ene ƒe ɖeka ko.\" Le ƒe 2012 me la, meli 50 to ƒudzimɔ si nye Northern Sea Route, afi si xexea me ƒe dzoxɔxɔ na be tsikpewo megale o la.\nXexea me\nNumekulawo kpɔ nugbagbevi suesuesue vovovo 700 kple edzivɔwo le notsi si dzina ɖe nyɔnuwo ƒe no me le ŋkeke siwo kplɔa woƒe vidzidzi ɖo me. Numekulawo mekpɔ mɔ be yewoate ŋu akpɔ agbɔsɔsɔme sia gbegbe o. Wogakpɔtɔ le nu me kum be yewoake ɖe akpa vevi siwo nugbagbevi suesuesue siawo wɔna le vidzĩwo ƒe dɔgbo ƒe dɔwɔwɔ nyuie kple woƒe ŋutilã ta kpɔkpɔ me la ŋu.\nBritain\nLe Britaintɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku aɖe me la, wodo ʋukula aɖewo kpɔ eye wokpɔe be wo dometɔ siwo kpe ƒo la metea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu kaba ne ʋufɔku be yeadzɔ o ne wotsɔe sɔ kple ʋukula siwo no aha sesẽ.\nDemocratic Republic of Congo\nWole atiglinyi akpe nanewo wum ƒe sia ƒe le Afrika ɖe woƒe nyiɖuwo ta, \"si tɔgbi medzɔ kpɔ le ŋutinya me o.\" Wowu atiglinyi gbogbo aɖewo, eye wokpɔe be ɖe woda tu dzodome na wo. Anɔ eme be helikɔpta mee wonɔ da tua wo.\nAustralia\nAdzagba dzeani siwo le Adzagbabali Gã me la ƒe afã dome gblẽ le ƒe 27 siwo va yi me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be nu siwo gblẽ adzakpo sia domee nye ahom sesẽwo, ɣletivi gbogbo siwo le atsiaƒu me [siwo wogayɔna be Acanthaster planci], kple atsiaƒu ƒe dzoxɔxɔ si na adzakpoa ƒe amadede klo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201309\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2024-04-15T16:05:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817002.2\/warc\/CC-MAIN-20240415142720-20240415172720-00550.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983915091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983915090560913}","num_words":271,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE AME aɖe ko nu ŋɔnyɔe na wò la, aleke nèwɔa nui? Anɔ eme godoo be àko nu nɛ. Eye ana dzi nadzɔ wò hã godoo. Nyateƒee ne xɔlɔ̃wo alo ame siwo míenya o gɔ̃ hã ko nu na mí la, ewɔnɛ be míawo hã míekoa nu na wo eye dzi dzɔa mí. Nyɔnua aɖe si ŋkɔe nye Magdalena gblɔ be: \"Srɔ̃nye Georg si ku la lɔ̃a nukoko. Ne mekpɔ eƒe ŋkume la, meɖea dzi ɖi.\"\nNe ame aɖe ko nu tso dzi me la, efia be dzi le edzɔm eye wòɖe dzi ɖi. Mewɔ nuku o be nyati aɖe si habɔbɔ aɖe (Association for Psychological Science) ta ɖe agbalẽ si nye Observer me le internet dzi gblɔ be: \"Ðe wowɔ mí be míako nu.\" Nyatia gblɔ kpee be, vidzĩwo gɔ̃ hã \"koa nu ne ame aɖe ko nu na wo.\" Nyatia gagblɔ be: \"Menye ɖeko amewo dea dzesi nu si ta ame aɖe ko nu ko evɔ o, ke ekpena ɖe ame ŋu wònyaa nu si wòle be eya hã nawɔ.\" *\nNumekula siwo le Harvard Yunivɛsiti le Amerika la lé ŋku ɖe ale si dɔnɔ tsitsiwo wɔa nu ɖe ale si wo dzi kpɔlawo ɖoa moe ŋu la ŋu. Numekulawo gblɔ be ne edze le mo na dɔnɔdzikpɔlawo be \"wotsɔ ɖe le eme na wo, do vivi ɖe wo ŋu, wole vevie na wo eye wose veve ɖe wo nu la,\" dɔnɔawo ƒe dzi dzea eme, wohayana eye woƒe susu wɔa dɔ nyuie wu. Gake esi dɔnɔdzikpɔlawo gbe nu siawo wɔwɔ na dɔnɔawola, dɔnɔawo ƒe nɔnɔmea nyra ɖe edzi.\nNe èko nu la aɖe vi na wò ŋutɔ hã. Numekukuwo ɖee fia be vi siwo wòɖena dometɔ aɖewoe nye be enana dzi ɖoa ame ƒo, dzi dzɔa ame eye wòɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna. Gake moyɔyɔ ya ɖe wògblẽa nu le ame ŋu.\nNUKOKO \"NANA DZI ÐOA ƑONYE\"\nMagdalena si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la nye Yehowa Ðasefo le Xexemeʋa Evelia wɔɣi. Wokplɔ eya kple eƒe ƒomea me tɔ bubu aɖewo de fuwɔamegaxɔ me le Ravensbrück, Germany le esi wogbe be yewomawɔ nu si Nazitɔwo bia tso wo si o ta. Egblɔ be: \"Ɣeaɖewoɣia, dzɔlaawo gbena na mí be míagaƒo nu na gamenɔla bubuwo o. Gake womekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe míaƒe nukoko ya dzi o. Ne mekpɔ nɔnye kple nɔvinyenyɔnu wole nu kom la, enana dzi ɖoa ƒonye eye wòdoa ŋusẽm be mado dzi.\"\nÐewohĩ àsusu be gbe sia gbe dzimaɖitsitsiwo na wòsesẽna be yeanɔ nu kom. Nu siwo ŋu bum míele ye kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi. (Lododowo 15:15; Filipitɔwo 4:8, 9) Eya ta togbɔ be asesẽ hã, ɖe manyo be nànɔ nu siwo nyo kple nu siwo tua ame ɖo ŋu bum oa? * Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa kpe ɖe ame geɖe ŋu wokoa nu. (Mateo 5:3; Filipitɔwo 4:6, 7) Le nyateƒe me la, nya 'dzidzɔ' kple nya bubu siwo ɖii la dze zi alafa geɖe le Biblia me! Ðe manyo be nàtee kpɔ axlẽ axa ɖeka alo eve gbe sia gbe oa? Ðewohĩ, wò hã àte ŋu anɔ nu kom ɣesiaɣi.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, mègalala be ame bubuwo nako nu na wò hafi nàwɔe o. Ko nu na ame aɖe be nàna dzi nadzɔ eya hã. Bu nukoko si Mawu na wò be enye nu si ado dzidzɔ na wò ŋutɔ kple ame siwo akpɔ wò nànɔ nu kom la siaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/nukoko-nu-si-n%C3%A0te-%C5%8Bu-ana\/","date":"2024-04-13T08:55:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816587.89\/warc\/CC-MAIN-20240413083102-20240413113102-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980666041,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980666041374207}","num_words":552,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EWE (in Africa)\nMixael Kכkoe, dziƒodכla gă, nàυli mía takpכla le Abosam ƒe vכdinyenye kple xadedewo ŋti. Míedze klo le kukudem be MAWU nagbe nє. Eye wò, Mixael, kכkoe, dziƒodכlawo ngכnכla, nàtsכ Abosam kple gbכgbכ vכdi bubu siwo le tsatsam le xexae me be yewoagble luυכwo la, aƒu gbe de dzo mavכ gbedea me, le MAWU ƒe ŋusè me. Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-17","url":"http:\/\/stmichaelprayercampaign.com\/?page_id=173","date":"2017-04-24T15:10:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-17\/segments\/1492917119637.34\/warc\/CC-MAIN-20170423031159-00457-ip-10-145-167-34.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998940289,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989402890205383}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 26 va se ɖe November 29, 2015 la le tata sia me.\nƔeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, míate ŋu ayi ŋgɔ le Mawu subɔsubɔ me.\nKpɔ ale si wò dzitsinya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le lãmesẽnyawo, modzakaɖeɖe kple gbeƒãɖeɖedɔa me.\nNu kawoe míesrɔ̃ tso xɔse ŋu le nudzɔdzɔ si me Petro te kpɔ be yeazɔ tsi dzi la me?\nÐe wòsesẽna na wò be nàxɔe ase be Yehowa lɔ̃ yea?\nMele be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu nanye seselelãme dzro ko o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150915\/","date":"2017-12-16T02:41:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581033.57\/warc\/CC-MAIN-20171216010725-20171216032725-00300.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967643619,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967643618583679}","num_words":96,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 25, 2014\nCROATIA\nZAGREB, Croatia—Kpekpeɖeŋunakɔmiti siwo me tɔwo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kple Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Germany ƒe ame dɔdɔwo le kpekpem ɖe ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔ dziŋɔtɔ si teƒe wokpɔ kpɔ le Bosnia-Herzegovina, Croatia kple Serbia la gblẽ nu le la ŋu. Tsi gã aɖe si dza le Balkan-nutowo me tso May 13 va se ɖe May 15, 2014 dzi na tsi ɖɔ ɖe nutoa eteƒe mekɔ o eye agaɖevi (si fia agakpe siwo fli le towo ŋu) 3,000 aɖewo hã gblẽ nu le nutoa me.\nKpekpeɖeŋunakɔmitiawo wɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔnyawo, nuɖuɖu, nudodo kple teƒe siwo woanɔ gbɔ la ŋu enumake. Togbɔ be Ðasefo aɖeke meku o eye nu vevi mewɔ ɖeke o hã la, woƒe aƒe 14 ya teti dome gblẽ. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo ƒe tadeaguƒe ɖeka gbã. Kɔmitiawo gbugbɔ le aƒe siwo gbã kple esiwo ŋu nu gblẽ le la ɖɔm ɖo, eye wole xɔ siwo me ame siwo ƒe aƒewo dome gblẽ la anɔ gbɔ la hã tum.\nAƒetɔ Josip Liović, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Croatia, gblɔ be: \"Míaƒe dzi dze eme esi míese be nu vevi mewɔ míaƒe haxɔsetɔ aɖeke o, gake míese veve ɖe ame siwo le nu xam ɖe woƒe ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo ƒe ku ta la ŋu. Míele agbagba dzem etɔxɛe be míakpe ɖe amewo ŋu le Balkan-nuto bliboa me. Míeda akpe na mía xɔlɔ̃ siwo tso Germany va kpe ɖe mía ŋu míewɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunu siwo ahiã le kwasiɖa kple ɣleti siwo gbɔna me la ŋu.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nCroatia: Josip Liović, tel. +385 91 5336 511\nSerbia: Daniel Domonji, tel. +381 11 405 99 00","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/croatia\/balkan-nuto-me-kpekpe%C9%96e%C5%8Bunana\/","date":"2017-12-17T06:06:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948593526.80\/warc\/CC-MAIN-20171217054825-20171217080825-00642.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986697435,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986697435379028}","num_words":271,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexea Me\n\"Ƒe sia ƒe la, vidzĩ siwo ade miliɔn 3 kloe kuna le wo dzidzi ƒe ɣleti gbãtɔ me, evɔ woate ŋu axe mɔ ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe ku nu hafi. Vidzĩ siawo ƒe afã kloe kuna le gbe si gbe wodzi wo.\"\nBritain\nEngland Ƒe Haho Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be le ƒe 2011 me la, ame siwo wum yame ƒe ɖiƒoƒo le dzi ɖe edzi le London ƒe du 15 me. Wokafu mɔ̃memi si woyɔna be diesel be megblẽa naneke le ame ŋu o, elabena wobe menona le ʋu me kabakaba o eye meƒoa ɖi yame fu hã o. Ke hã, mɔ̃memi sia mee nu siwo naa yame ƒoa ɖi la ƒe 91 le alafa me tso.\nRussia\nNumekuku si Russiatɔwo ƒe habɔbɔ aɖe (Public Opinion Foundation) wɔ le ƒe 2013 me ɖee fia be Russiatɔ siwo ade 52 le alafa me siwo ƒu asi akɔ be yewonye Ortodɔks Kristotɔwo la gblɔ be yewomexlẽ Biblia ƒe akpa aɖeke gɔ̃ hã kpɔ o, eye wo dometɔ 28 le alafa me gblɔ be ƒãa hafi yewodoa gbe ɖa.\nAfrika\nXexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã gblɔ be dzrewɔwɔ ɖe agbledenyigba ta wɔe be agbledede mele afɔ tsɔm o, eye wòna be ahedada le dzidzim ɖe edzi le Afrika. Xexea me ƒe agbledenyigba siwo womedena o ƒe afã, si ade agbleka miliɔn 500 le Afrika, afi si wokpɔa agblenuku ƒe agbɔsɔsɔ si wòle be woakpɔ hafi la me mama ɖeka le ene me pɛ ko le.\nUnited States\nLe yunivɛsitiwo kple suku geɖewo me la, womegale nusrɔ̃gbalẽwo ŋutɔŋutɔ zãm o. Asikɔmpiuta siwo dzi nusrɔ̃gbalẽwo, kɔmpiutaɖoɖowo, ha kple video ƒonu siwo hiã le lae va xɔ ɖe wo teƒe. Ame aɖeke menya ne esiae aɖe gazazã dzi akpɔtɔ na sukuviawo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201408\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-14T17:24:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948545526.42\/warc\/CC-MAIN-20171214163759-20171214183759-00718.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995023012,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995023012161255}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.304,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔfiame vevi atɔ̃ aɖewo dzie wozɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la gɔme ɖeɖe me.\nSusu vevi si ta Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo li nyanya akpe ɖe ŋuwò.\nNu ka tae Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea to vovo tso Biblia geɖewo gbɔ?\nYehowa Ðasefowo zã Biblia siawo dometɔ geɖe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo. Ke nu ka tae woawo ŋutɔ ɖe Biblia g��me ɖe egbegbe Eŋlisigbe me?\nBiblia sia si nɔ anyi le blema la ɖo kpe edzi be mawunyakpukpui aɖewo le Biblia aɖewo me egbea siwo menɔ nuŋlɔɖi gbãtɔwo me o.\nBiblia gɔmeɖeɖe sia ɖe dzesi ƒe 300 sɔŋ.\nElias Hutter si nye agbalẽnyala si nɔ anyi le ƒe alafa16 lia me ta Hebri Biblia eve eye woɖe vi ŋutɔ.\nXlẽ nu tso ale si wowɔ ke ɖe Biblia siwo gɔme woɖe ɖe Georgiagbe me la ƒe xoxotɔ ŋui la ŋu.\nNu kae ɖe dzesi le nusrɔ̃vi siwo gbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo ɖe kpewo dzi kple ame siwo tsɔ Biblia gba de la ŋu?\nLe ƒe 2014 me la, wotia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Estoniagbe me la de agbalẽ siwo dze axɔ Agbalẽ Si Ðe Dzesi Le Ƒea Me Wu Ƒe Nunana le Estonia la dome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/biblia-g%C9%94me%C9%96e%C9%96ewo\/","date":"2017-12-18T22:44:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948627628.96\/warc\/CC-MAIN-20171218215655-20171219001655-00372.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989537597,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989537596702576}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Roku-ƒonu le asiwò la, àte ŋu awɔ JW Nyakakadɔwɔƒe la ƒe kɔpi ada ɖe Roku dɔwɔnua dzi. To vovo na ema la, àte ŋu atsiã wò kɔmpiuta, tablɛt alo asitelefon deŋgɔ ɖe wò television ŋu. Nu siwo nàte ŋu azã atsɔ awɔ esiae nye HDMI, DVI, VGA alo S-Video ƒe kadodo. Xlẽ wò television kple kɔmpiuta alo asitelefon loo alo tablɛt la zazã ŋuti mɔfiamewo ne nàkpɔ nu siawo dometɔ siwo asɔ na wò television la nyuie wu.\nXɔ̃wò aɖe si nya nu tso JW Nyakakadɔwɔƒea zazã ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne mèkpɔ ame aɖeke o la, kpe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka sia ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/internet-dzi-television\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/","date":"2017-12-17T12:19:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948595858.79\/warc\/CC-MAIN-20171217113308-20171217135308-00790.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952090383,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952090382575989}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TEƑE, si ameawo yi ɖanɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe la ɖeka ŋkɔe nye Ur. Eva zu du vevi aɖe, si me aƒe nyuiwo nɔ. Gake amesiwo nɔ afima la dea ta agu na alakpamawuwo. Nenemae wowɔ le Babel hã. Amesiwo nɔ Ur kple Babel la menɔ abe Noa kple viaŋutsu, siwo yi edzi subɔ Yehowa la ene o.\nMlɔeba le tsiɖɔɖɔ la megbe ƒe 350 la, nuteƒewɔla Noa ku. Ƒe eve pɛ megbe koe wodzi ŋutsu, si kpɔm nèle le nɔnɔmetata sia me la. Enye ame vevi aɖe na Mawu. Eŋkɔe nye Abraham. Eya kple eƒe ƒome la nɔ du ma, si woyɔ be Ur la me.\nGbeɖeka Yehowa gblɔ na Abraham be: 'Ʋu le Ur kple wo ƒometɔwo gbɔ, eye nàyi du, si mafia wò la me.' Ðe Abraham ɖo to Mawu hegblẽ eƒe nu nyuiwo katã ɖe Ur mahã? Ẽ, eɖo to. Eye esi wònye Abraham ɖoa to Mawu ɣesiaɣi tae woyɔe be Mawu xɔlɔ̃ ɖo.\nEsi Abraham dzo le Ur la, eƒe ƒometɔ aɖewo kplɔe ɖo. Fofoa Tarax yi kplii. Eƒe tɔgãyɔvi Lot hã yi. Eye Abraham srɔ̃ Sara hã yi kplii. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo katã wova ɖo teƒe aɖe, si ŋkɔe nye Xaran, afisi Tarax ku le. Woɖe Ur ɖe megbe ʋĩ.\nLe ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Abraham kple eƒe aƒekɔ la dzo le Xaran heva anyigba, si ŋkɔe nye Kanaan la dzi. Yehowa gblɔ le afima be: 'Esiae nye anyigba, si matsɔ na viwòwo.' Abraham nɔ Kanaan le agbadɔwo me.\nMawu dze egɔme kpe ɖe Abraham ŋuti, eye alẽhawo kple lã bubuwo kple dɔla alafawo sɔ gbɔ ɖe esi kpaŋ. Gake eya kple Sara ŋutɔ medzi vi aɖeke o.\nEsi Abraham xɔ ƒe 99 la, Yehowa gblɔ bena: 'Medo ŋugbe na wò be àva zu dukɔ geɖewo fofo.' Gake aleke esia ate ŋu ava emee esi Abraham kple Sara wotsi akpa hegbɔ vidzidzi me la?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/abraham-mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/","date":"2017-12-15T10:39:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948568283.66\/warc\/CC-MAIN-20171215095015-20171215115015-00420.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991359115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991359114646912}","num_words":310,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 18, 2014\nUKRAINE\nLVIV, Ukraine\nTogbɔ be aʋaa gakpɔtɔ le edzi yim hã la, Ðasefo siwo le Ukraine yi edzi le Biblia me gbedeasia gblɔm na wo haviwo. Tso June 2014 ƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe domedome la, Ðasefowo wɔ takpekpe gã geɖewo le ŋutifafa me le Ukraine ƒe ɣedzeƒenutoa me. Woƒo nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi, eye wowɔ wɔwɔfia siwo ɖe ale si woawɔ ɖe Biblia me nyawo dzi le gbe sia gbe nuwɔnawo me fia hã. Ame 5,200 kple edzivɔe de takpekpe siawo. Ðasefoawo awɔ nutome gã takpekpe 40 le Ukraine kple Crimea, eye woaƒo nu tso nya si Biblia gblɔ tso ale si Mawu Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa vae le etsɔme ŋu la ŋu. Wole mɔ kpɔm be ame 165,000 kple edzivɔwo ade wɔna siawo. Wokpɔ mɔ be wo dometɔ 7,500 adee le Crimea.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nUkraine: Vasyl Kobel, tel. +38 032 240 9323","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/ukraine\/yehowa-%C9%96asefowo-ukraine-crimea\/","date":"2017-12-16T11:34:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948587577.92\/warc\/CC-MAIN-20171216104016-20171216130016-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983353019,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983353018760681}","num_words":149,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.281,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YOSEF trɔ le ɣedzeƒe gome kpɔm nublanuitɔe, eye wònɔ susum be ne ɖe yeate ŋu asi le asitsala siawo gbɔ la, ne anyo ŋutɔ. Enyae be togbɛ mawo godo pɛɛ koe yewoƒe aƒe le, le Xebron. Le gaƒoƒo ma me la, fofoa, Yakob, aɖo xɔ ahaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, elabena fiẽ ɖo, eye menya kura be vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe ye viŋutsu lɔlɔ̃a dzi o. Gake Yosef ɖekakpui la mate ŋu ayi egbɔ ɣemaɣi o, elabena enyae be mɔ ma si dzi yele la, ɖewohĩ yemegale ye fofo si ku amegã la kpɔ ge gbeɖe o. Asitsalawo ƒe ŋku le eŋu esi wole mɔ fiam woƒe kposɔawo le afɔmɔ si dzi ame geɖe tona la dzi ɖo ta anyiehe gome. Yosef zu wo tɔ azɔ, eye woƒe ŋku madzo le edzi aɖabaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã o. Wobu ɖekakpuia ko abe woƒe atike ʋeʋĩ kple ami xɔasi siwo woadzra le Egipte, anyigba didi aɖe dzi ahakpɔ viɖe geɖe la ene.\nƑe 17 ko Yosef axɔ ɣemaɣi. Kpɔe ɖa le susu me ɖaa be Yosef ye nye ma trɔ kɔ le ɣetoɖoƒe kpɔm ɖaa esime ɣea le to ɖom le Ƒu Gã la gome, eye mete ŋu le nu si tae vɔ̃ gã sia dzɔ ɖe edzi ɖo la gɔme sem o. Esesẽ na Yosef be wòaxɔe ase be esusɔ vie ye ŋutɔ ye nɔviŋutsuwo wu ye eye mlɔeba wodzra ye yezu kluvi. Ʋiʋli bliboe wòanye nɛ be wòalé eƒe aɖatsiwo be yemafa avi o. Eye menya ale si etsɔme ava nɔ nɛ o.\nAleke wòdzɔe be Yosef va kpɔ eɖokui le nɔnɔme sia me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ɖekakpui sia si eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo lé fui ɖikaɖika hegbee la gbɔ?\nETSO ƑOME AÐE SI ME ŊUƲAƲà LE LA ME\nƑome gã aɖe mee Yosef tso, gake lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ menɔ wo dome o. Nya si Biblia gblɔ tso Yakob ƒe ƒomea ŋu la ɖee fia be srɔ̃ geɖe ɖeɖe menyo o, elabena dzigbagbã sɔŋ koe wòhena vanɛ\nRaxel tsi ko ɣeyiɣi didi aɖe, eye esi wòva dzi Yosef mlɔeba la, Yakob melɔ̃a nu le ɖevi sia si wodzi nɛ le eƒe amegãkuku me la gbɔ kura o. Le kpɔɖeŋu me, esime ƒomea dze mɔ yina Yakob nɔviŋutsu Esau, si nɔ didim be yeawui la kpe ge eye Yakob nyae be ate ŋu aɖo nu gbe ɖe yewo ŋu la, Yakob kpɔ egbɔ be woɖe Raxel kple Yosef ɖevi sue la ɖe vovo be woadze aƒekɔ bliboa yome le wo megbe ke. Anɔ eme be Yosef meŋlɔ ŋkeke dziŋɔ ma be kpɔ o. Bu ale si wòse le eɖokui me le ŋdi esi wòke ŋku ɖi gãa le fofoa kpɔm wòle tɔtɔm le aku dzi eye wòabia eɖokui be nu kae wɔe hã la ŋu kpɔ. Anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ esi wòse nu si dzɔ ɖe edzi: Eyae nye be fofoa te ka me kple mawudɔla sesẽ aɖe zã bliboa katã! Eye nu ka tae wote ka me ɖo? Yakob di be Yehowa Mawu nayra ye tae. Eye ale si Mawu ɖo eteƒe nɛ ye nye be womagayɔe be Yakob azɔ o, boŋ woayɔe be Israel. Eye ŋkɔ mae woava yɔ na dukɔ blibo aɖe! (1 Mose 32:23-32) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef va nyae be Israel ƒe vi ŋutsuawoe anye to vovovo siwo anɔ dukɔ ma me la fofowo!\nƔeyiɣi kpui aɖe megbe la, nublanuinya gbãdziname aɖe dzɔ; ame si Yosef ɖevi la lɔ̃na wu le agbe me la gblẽe ɖi kpata. Dadaa ku esime wònɔ ku lém le eyometɔ Benyamin dziɣi. Fofoa xa nu vevie le eƒe kua ta. Kpɔe ɖa le susu me be Yakob le aɖatsi tutum le ŋkume na Yosef blewuu hetsɔ mɔkpɔkpɔ si fa akɔ na Yakob tɔgbui Abraham la nɔ akɔ fam nɛ. Awɔ dɔ ɖe Yosef dzi godoo esi wòsee be Yehowa ava fɔ ye dadaa tso ku me gbe ɖeka! Ðewohĩ Yosef va lɔ̃ 'agbagbeawo ƒe Mawu' dɔmenyotɔ la vevie. (Luka 20:38; Hebritɔwo 11:17-19) Esi Yakob srɔ̃, Raxel, ku la, Yakob melɔ̃a nu le ŋutsuvi eve siwo wòdzi nɛ la gbɔ kura o.\nÐevi geɖewo azu vi gbegblẽwo ne wowɔ vi na wo nenema; gake Yosef ya srɔ̃ nu tso edzilawo ƒe nɔnɔme nyui geɖeawo me, etsi le xɔse me, eye wòlɔ̃ nyui helé fu vɔ̃. Esi wòxɔ ƒe 17 la, woa kple nɔviaŋutsu tsitsitɔawo le alẽwo kplɔm gbe ɖeka eye wokpɔe be wowɔ nu gbegblẽ aɖe. Ðe wòmia nu ɖe nyaa dzi kple susu be ye nɔviawo nalɔ̃ yeƒe nya? Aleke kee wòɖale o, ewɔ nu si le eteƒe. Egblɔ nu si wowɔ la na fofoa. (1 Mose 37:2) Ðewohĩ esi Yosef wɔ nu dzinɔameƒotɔe alea ye gawɔe be Yakob melɔ̃a nu le via lɔlɔ̃a gbɔ o. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi si ŋu wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nade ŋugble le! Masɔ be woamia nu ɖe nu vɔ̃ gã aɖe si ame aɖe wɔ la dzi o, eɖanye wo nɔvi loo alo wo xɔlɔ̃ o, elabena nunya le eme be woasrɔ̃ Yosef ahagblɔ nu si amea wɔ la na ame siwo dze akpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu.\nMíate ŋu asrɔ̃ nu nyuia aɖe hã le Yosef ƒe ƒomea ŋu. Togbɔ be Kristotɔ vavãwo meɖea srɔ̃ geɖe egbea o hã la, ƒome gãwo le wo dome siwo me atikɔmeviwo kple atsusiviwo le. Mí katã míate ŋu akpɔe be ameŋkumekpɔkpɔ kple amedzidede wɔe be Yosef ƒe ƒometɔwo mewɔ ɖeka o. Dzila dzeaɖaŋu siwo si atikɔmeviwo le la dzea agbagba vevie nana ɖeviawo kpɔnɛ be wolɔ̃ yewo dometɔ ɖe sia ɖe eye nunana tɔxɛwo le ame sia ame si, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ eƒe akpa dzi be dzidzɔ nanɔ ƒomea me.\nŊUƲAƲà GE ÐE WO DOME\nEsi dzi nɔ Yosef ƒo ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu ta la, ɖewohĩ esia tae Yakob lɔ̃ viaŋutsua vevie ɖo. Edɔ wotɔ awu tɔxɛ aɖe nɛ. (1 Mose 37:3) Woyɔa awu sia zi geɖe be awu si le amadede geɖe me, gake kpeɖodzi boo aɖeke meli be nenemae woyɔ awu la o. Anɔ eme be awu ʋlaya nyui aɖee wònye, eye ɖewohĩ awu abɔ legbee, eye wòdidi ɖo eƒe afɔ gbɔ ke. Ðewohĩ enye awu si ƒomevi bubume alo fiavi ado.\nSusu nyui ye nɔ Yakob si ɖe Yosef ŋu, eye ale si fofoa ɖee fia be yelɔ̃e vevie la anya wɔ dɔ ɖe edzi godoo. Gake Yosef ato kuxi geɖe me le awu ma ta. Gbã la, ɖo ŋku edzi be alẽkplɔvie ɖekakpuia nye. Esia bia be wòatsɔ asi awɔ dɔ sesẽe. Wò ya bu eŋu kpɔ be ɖekakpuia do awu nyui ma hele zɔzɔm le gbememɔ dzi, le agakpewo liam, alo le agbagba dzem be yeaɖe alẽvi aɖe si xaxa ɖe ŋuve me. Vɔ̃ɖitɔa ye nye, aleke Yosef nɔviŋutsuwo le nu wɔ ge ɖe Yosef ŋu le awu sia si ɖe ale si gbegbe Yakob lɔ̃nɛ fia la ta?\nBiblia ɖo nya sia ŋu be: \"Esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.\" * (1 Mose 37:4) Ðewohĩ wo tɔ dzɔ be woaʋã ŋu, gake Yosef nɔviwo mewɔ nu le nunya me esi woɖe mɔ ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi ge ɖe wo me ɖe wo nɔvia ŋu o. (Lododowo 14:30; 27:4) Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be esi nèkpɔe be wode bubu si dim nèle la ame aɖe ŋu la, ŋuʋaʋã yɔ wò dzi mea? Ðo ŋku Yosef nɔviawo dzi. Woƒe ŋuʋaʋã na wowɔ nu siwo va ve wo vevie emegbe. Woƒe kpɔɖeŋua nye ŋkuɖodzinya na Kristotɔwo be enyo sãsãsã wu be 'woakpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.'\nYosef anya kpɔe be ye nɔviŋutsuawo lé fu ye. Ðe esia wɔe be wòtsɔa eƒe awu ʋlaya la ɣlana ne ele nɔviawo gbɔa? Ðewohĩ esia anya va susu me nɛ. Gake ɖo ŋku edzi be ɖe Yakob di be awu la nanye kpeɖodzi be yedea asixɔxɔ eŋu helɔ̃nɛ. Eya ta esi Yosef di be yeadze ye fofo ŋu ta la, edoa awua ɣesiaɣi. Eƒe kpɔɖeŋua aɖe vi na mí. Togbɔ be mía Fofo si le dziƒo la mekpɔa ame ŋkume gbeɖe o hã la, ɣeaɖewoɣi la, edea bubu tɔxɛ esubɔla wɔnuteƒewo ŋu hevea wo nu. Gakpe ɖe eŋu la, ebia tso wo si be woagasrɔ̃ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nuwɔna siwo le xexe dzeakaɖa sia me o. Abe Yosef ƒe awu ʋlaya tɔxɛa ene la, Kristotɔ vavãwo ƒe agbenɔnɔ nana wotoa vovo tso ame siwo dome wole gbɔ. Gake amewo ʋãa ŋu wo heléa fu wo ɣeaɖewoɣi ɖe woƒe agbenɔnɔ ta. (1 Petro 4:4) Ðe wòle be Kristotɔ naɖoe be yemana amewo nanya be Mawu subɔlae yenye oa? Ao\nYOSEF ƑE DRƆ̃EAWO\nEteƒe medidi o, Yosef ku drɔ̃e eve aɖewo siwo mebɔ o. Le drɔ̃e gbãtɔa me la, Yosef kpɔe be ye kple ye nɔviŋutsuwo yewole mɔli blam le agble me. Tete yeƒe mɔli babla tsi tre hedzɔ kã; wo tɔwo va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ. Le drɔ̃e evelia me la, ɣe, ɣleti kple ɣletivi 11 wode ta agu na Yosef. (1 Mose 37:6, 7, 9) Nu kae wòle be Yosef nawɔ kple drɔ̃e wɔdɔɖeamedzi mawo?\nYehowa Mawu gbɔe drɔ̃eawo tso. Nyagblɔɖinyawoe wonye, eye Mawu di be Yosef nagblɔ drɔ̃eawo me nyawo na wo. Le gɔmesese aɖe nu la, ele be Yosef nawɔ nyagblɔɖila siwo va ɖe eyome la ƒe dɔ esi wogblɔ Mawu ƒe gbedeasiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo na Eƒe dukɔ dzeaglã la.\nYosef gblɔ na nɔviawo bubutɔe be: \"Miɖo to, ne miase drɔ̃e, si meku!\" Nɔviawo se drɔ̃ea gɔme eye medo dzidzɔ na wo kura o. Wogblɔ nɛ be: \"Ðe nèle didim be, nàɖu fia ɖe mía nu, eye nàɖu mia dzia?\" Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: \"Tso ekema dzi wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.\" Esi Yosef lĩ drɔ̃e evelia na fofoa kple nɔviawo la, wogado dziku wu tsã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mía kple dawò kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?\" Ke hã Yakob yi edzi nɔ ŋugble dem le nyaa ŋu. Ðe wòanye be Yehowae de gbe siawo asi na ɖevia?\nMenye Yosef ye nye Yehowa subɔla gbãtɔ si Yehowa de nyagblɔɖigbedeasi siwo ŋu amewo makpɔ dzidzɔ ɖo o la asi na be wòagblɔ, si ana woati eyome gɔ̃ hã o. Yesue nye nyagblɔɖila gãtɔ, eye egblɔ na eyomedzelawo be: \"Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.\" (Yohanes 15:20) Kristotɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ate ŋu asrɔ̃ Yosef ɖekakpui la ƒe xɔse kple eƒe dzinɔameƒo.\nFULÉLEA ÐO SESẼAƑE\nEsia megbe kpuie la, Yakob dɔ Yosef ɖekakpui la be wòayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa, elabena nɔviaŋutsuawo le alẽwo dzi kpɔm le dziehe gome le teƒe aɖe si gogo Sixem, afi si woƒe nuwɔna na amewo lé fu wo ɖikaa le eteƒe medidi o la. Yakob anya nɔ viawo ŋu bum godoo, eya ta edɔ Yosef ɖa be wòayi aɖakpɔe ɖa be woli sesĩe hã. Ðe nàte ŋu akpɔ ale si Yosef ase le eɖokui me la le susu mea? Enya be ye nɔviwo lé fu ye fifia wu tsã! Ðe woalɔ̃ eƒe nya esi wòava dze le wo ŋkume azɔ abe wo fofo ƒe nyanuɖela enea? Ke hã Yosef ɖo to fofoa ƒe gbe hedze mɔ.\nMɔ didi aɖe ŋutɔe wònye\nYosef si mele ɖeke me nyam o la te ɖe wo ŋu hele mɔ kpɔm be woaxɔ ye nyuie. Gake nɔviaŋutsuawo dze edzi! Wohe eƒe awu tɔxɛa ɖa le eŋu kple ŋusẽ, eye wohe eya amea yi tsido aɖe si le ƒuƒlu la gbɔ hetutui de eme. Yosef ge ɖe doa me ʋli! Esi eƒe mo le kɔkɔm la, edze agbagba tso ɖe eƒe afɔwo dzi, gake mate ŋu ado le doa me le eɖokui si gbeɖe o. Esi wòfɔ mo dzi la, dziŋgɔlia ko wòkpɔ kotoe eye wòle nɔviawo ƒe nuƒoƒo sem le adzɔge ɖaa. Edo ɣli yɔ wo hele kuku ɖem na wo, gake womede nu eme nɛ o. Wosẽ dzi me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi le adzɔge heɖu nu. Esime Ruben menɔ anyi o la, wogadi ake be yewoawu ɖekakpui la, gake Yuda ƒoe ɖe wo nu be woadzrae na asitsala mɔzɔlawo boŋ. Dotan asitsamɔ si ɖo ta Egipte la medidi tso afi ma o, eye ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Ismael-sihawo kple Midian-sitsalawo va yina. Kaka Ruben nagbɔ la, woƒo asia hedzrae xoxo. Wodza wo nɔvia kluvii xɔ klosalo blave. *\nAzɔ míate ŋu aɖo ŋku nyati sia ƒe gɔmedzenyawo dzi. Esi wokplɔ Yosef ɖo ta anyiehe gome yina Egipte la, edze ƒãa be ebu nu sia nu. Egbe o, elɔ̃ o, wokplɔe dzoe! Tso gbe ma gbe la, magase eƒe ƒometɔwo ŋuti nya aɖeke o ƒe geɖe\nNane gakpɔtɔ nɔ Yosef si si nɔviaŋutsuwo mate ŋu axɔ le esi gbeɖe o: eyae nye eƒe xɔse. Enya nu geɖe tso eƒe Mawu, Yehowa ŋu, eye naneke mate ŋu axɔ sidzedze ma le esi o\n^ mm. 15 Numekula aɖewo gblɔ be Yosef nɔviawo susui be nu si yewo fofo na Yosef la ɖee fia be eɖoe be yeatsɔ ŋgɔgbevinyenyea ana ɖevi la. Wonyae be Yosef ye nye Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa ƒe vi ŋgɔgbea\n^ mm. 25 Biblia ŋutinya la de pɛpɛpɛ le nu suewo gɔ̃ hã me. Agbalẽ siwo woŋlɔ ɣemaɣi lɔƒo la ɖee fia be klosalo 20 ye wodzraa kluviwo le Egipte.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140801\/Mi%C9%96o-to-ne-miase-dr%C9%94%CC%83e-sia\/","date":"2018-01-22T13:44:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891377.59\/warc\/CC-MAIN-20180122133636-20180122153636-00382.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989868402,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989868402481079}","num_words":2178,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Farao (Ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu) Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Egiptetɔwo ƒe Farao si sẽ dzi me hegbe toɖoɖo Yehowa la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Farao Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Farao Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502014200\/univ\/art\/502014200_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/farao\/","date":"2018-01-17T14:11:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984534383,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984534382820129}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.117,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋegbe Nuŋlɔ̃dzesiwo\nGbeƒãɖeɖe Index\nGli 2 le 2 meDzesi sia mewua nyafɔkpewo nu o. Togbɔ be woyɔnɛ be gbɔvie dzesi hã la, eye wòfia gbɔgbɔ vie le susu nu le gbeŋutinunyase nu hã la, mefia gobi be woalé gbɔgbɔ alo agbɔ godo le teƒe si dzesi la le o.\n- << Vayi\n- Kplɔɖo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/105-e-e-fomeviwo\/fomevi-egbe-nunl-dzesiwo\/80-e-egbe-nunl-dzesiwo?showall=&start=1","date":"2018-01-20T00:59:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888341.28\/warc\/CC-MAIN-20180120004001-20180120024001-00680.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992425442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992425441741943}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa do ŋugbe na Yakob be yeakpɔ eta abe ale si yekpɔ Abraham kple Isak ta ene. Yakob va nɔ teƒe aɖe si woyɔna be Haran, eɖe srɔ̃, ƒome gã aɖe ŋutɔ nɔ esi eye wòkpɔ kesinɔnu geɖe.\nEmegbe Yehowa gblɔ na Yakob be: 'Trɔ yi mia de.' Eya ta Yakob kple eƒe ƒomea dze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme ɖo ta wo de. Esi wole mɔa dzi yina la, ame aɖewo va gblɔ na Yakob be: 'Nɔviwò Esau le mɔa dzi gbɔna, eye ŋutsu 400 kpe ɖe eŋu!' Yakob vɔ̃ ŋutɔ elabena esusu be Esau di be yeawɔ nu vevi ye kple yeƒe ƒomea. Edo gbe ɖa na Yehowa be: 'Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me.' Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yakob ɖo alẽwo, gbɔ̃wo, nyiwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo ɖe Esau.\nLe zã ma me, esi Yakob ɖeɖe li la, ekpɔ mawudɔla aɖe! Eye mawudɔla la dze kametete gɔme kplii. Wonɔ edzi ʋuu va se ɖe esime ŋu ke. Togbɔ be nu vevi wɔ Yakob hã la, mena ta o. Mawudɔla la gblɔ nɛ be: \"Ðe asi le ŋunye madzo.\" Gake Yakob ɖo eŋu nɛ be: 'Ao, nyemaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàyram hafi.'\nMawudɔla la yra Yakob mlɔeba. Azɔ Yakob kpɔe be Yehowa maɖe mɔ Esau nawɔ nu vevi ye o.\nLe ŋdi ma la, Yakob kpɔ Esau kple ŋutsu 400 siwo le eŋu la ɖaa. Yakob dze ŋgɔ na eƒe ƒomea va do go nɔvia eye wòbɔbɔ nɛ zi adre sɔŋ. Esau ƒu du va kpe Yakob eye wòkpla asi kɔ nɛ. Wo ame evea wofa avi eye wowɔ ŋutifafa. Aleke nèsusu be Yehowa ase le eɖokui me tso ale si Yakob kpɔ kuxia gbɔe ŋu?\nEmegbe Esau trɔ yi aƒe me, eye Yakob hã yi wo de. Yakob dzi ŋutsuvi 12. Woƒe ŋkɔwoe nye Ruben, Simeon, Lewi, Yuda, Dan, Naftali, Gad, Aser, Isakar, Zebulon, Yosef kple Benyamin. Yehowa zã wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yosef tsɔ ɖe eƒe amewo. Ènya ale si wòwɔea? Na míakpɔe ɖa.\n\"Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.\"—Mateo 5:44, 45","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/3\/yakob-kametete-esau-%C5%8Butifafa\/","date":"2018-01-16T14:23:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886436.25\/warc\/CC-MAIN-20180116125134-20180116145134-00070.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968628287,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968628287315369}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yairo kpɔe be Yesu da dɔ na nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la. Ðikekemanɔmee la, Yesu ate ŋu akpe ɖe vianyɔnuvia hã ŋu. Ke hã ese le eɖokui me be 'ye vinyɔnuvia anya ku ɖaa xoxo.' (Mateo 9:18) Ðe nane gali woate ŋu awɔ nɛa?\nEsime Yesu ganɔ nu ƒom na nyɔnu si ŋu wòda gbea le la, ame aɖewo tso Yairo ƒe aƒe me va gblɔ nɛ be: \"Viwònyɔnuvi la ku!\" Wogblɔ kpee be: \"Nu ka ƒe fue nàgaɖe na Nufiala la?\"—Marko 5:35.\nNya gbãdziname kae nye esi! Ŋutsu sia si ŋu wodea bubui ale gbegbe le nutoa me la tsi asi azɔ. Vianyɔnuvi ɖekɛ la ku. Gake Yesu se nya si gblɔm wonɔ la. Eya ta etrɔ ɖe Yairo ŋu hede dzi ƒo nɛ be: \"Mègavɔ̃ o, wò ya xɔ se ko.\"—Marko 5:36.\nYesu dze Yairo yome yi eƒe me. Esi wova ɖo la, wokpɔe be aƒea me tɔ zi ŋutɔ. Ame siwo va ƒo zi ɖe aƒea me la le avi fam le ɣli dom hele nu xam vevie. Yesu ge ɖe aƒea me hegblɔ nya wɔmoyaa sia be: \"Ðevia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.\" (Marko 5:39) Esi ameawo see la, woko Yesu. Wonya be nyɔnuvia ku ŋutɔŋutɔ. Gake Yesu ato ŋusẽ si Mawu nɛ la dzi aɖee afia be anya wɔ be woafɔ ame si ku la ɖe tsitre, abe ale si ko woate ŋu anyɔ ame si dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la ene.\nAzɔ Yesu na ame sia ame do go, negbe Petro, Yakobo, Yohanes, kple nyɔnuvi si ku la dzilawo ko. Yesu kplɔ ame atɔ̃ siawo yi afi si nyɔnuvia mlɔ. Esi wòlé eƒe alɔnu la, egblɔ be: \"'Talita kumi,' si gɔmee nye: 'Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, \"Tsi tsitre!\"'\" (Marko 5:41) Enumake nyɔnuvia tsi tre eye wòte azɔlizɔzɔ. Bu ale si gbegbe Yairo kple srɔ̃a akpɔ dzidzɔe la ŋu kpɔ! Yesu gana kpeɖodzi be ɖevia le agbe vavã esi wògblɔ be woadi nane nɛ wòaɖu.\nAbe ale si Yesu de se na ame aɖewo va yi ene la, egblɔ na ɖevia dzilawo hã be womegakaka nu si yewɔ na wo la ŋu nya na amewo o. Ke hã dzila siawo kple ame bubu siwo le dzidzɔ kpɔm vevie la kaka nyaa \"ɖe nuto ma katã me.\" (Mateo 9:26) Ne wòe kpɔ eteƒe wofɔ wò ame vevi aɖe ɖe tsitre la, ɖe màtsɔ dzidzɔ anɔ nu ƒom tso eŋu oa? Esiae nye zi evelia Yesu fɔ ame kuku ɖe tsitre le nuŋlɔɖiawo nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/yairo-viny%C9%94nuvi\/","date":"2018-01-20T15:34:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889660.55\/warc\/CC-MAIN-20180120142458-20180120162458-00158.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984577894,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984577894210815}","num_words":407,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE NUSƆSRƆ̃ ME:\nZãe nàtsɔ axlẽ Biblia kple gbe sia gbe mawunyakpukpuia\nZãe nàtsɔ axlẽ Ƒegbalẽa, magazinewo kple agbalẽ bubuwo. Zã eƒe \"teƒeléɖinua\" wòakpe ɖe ŋuwò\nZãe nàtsɔ adzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu ahade dzesi nyaŋuɖoɖoawo\nZãe nàtsɔ akpɔ videowo\nLE KPEKPEAWO ME:\nZãe nàtsɔ aʋu mawunyakpukpui siwo nuƒolaa ayɔ. Zã eƒe akpa si nye \"nu siwo nèʋu va yi\" nàtsɔ ake ɖe mawunyakpukpui aɖe si nèzã va yi la ŋu\nLe esi nàtsɔ agbalẽ gbogbowo ɖe asi ava kpekpea teƒe la, zã wò fon alo tablɛt la nàtsɔ akplɔ kpekpea ƒe akpa vovovoawo ɖo eye nàzãe atsɔ adzi hawo. Ha yeye siwo mele míaƒe hadzigbalẽa me o la le JW Library la dzi\nLE GBEADZI:\nTsɔ nane si le JW Library la me fia ɖetsɔlemetɔ aɖe eye nàkpe ɖe eŋu wòada JW Library la ɖe eƒe fon alo tablɛt dzi\nZã eƒe akpa si nye \"dii\" nàtsɔ ake ɖe mawunyakpukpui si dim nèle ŋu\nZãe nàtsɔ aɖe video. Ne ɖeviwo le aƒemenɔlaa si la, àte ŋu aɖe Nye Yehowa Xɔlɔ̃ ƒe videoawo dometɔ ɖeka afia wo. Alo àte ŋu aɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Ne ame aɖe doa gbe bubu aɖe la, ɖe video aɖe fiae le wo degbe me\nZãe nàtsɔ axlẽ mawunyakpukpui aɖe le gbegbɔgblɔ bubu ƒe Biblia si nèda ɖe wò mɔ̃a dzi me na ame aɖe. Te asi ɖe mawunyakpukpui ma ƒe xexlẽdzesi dzi ne nàʋui le gbegbɔgblɔ bubu siwo le wò mɔ̃a dzi xoxo la hã me","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may16-22\/z%C3%A3-jw-library-d%C9%94w%C9%94nua\/","date":"2018-01-20T19:43:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889681.68\/warc\/CC-MAIN-20180120182041-20180120202041-00449.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985935688,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985935688018799}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 4 va se ɖe 31, 2015 la le tata sia me.\nNu ka tae fifia míaƒe agbalẽwo ɖea Biblia me nuŋlɔɖiwo me le mɔ bɔbɔe si me kɔ nyuie wu nu zi geɖe?\nXlẽ Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu si me wogakɔ ɖe edzi, be nàkpɔ nufiame vevi siwo le lododoa me si dzi wòle be míawɔ ɖo kpata.\nTsã la, míeƒoa nu tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ƒe kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu zi geɖe le míaƒe agbalẽwo me. Gake fifia la, ƒãa hafi míewɔa esia. Nu ka tae?\nNyati sia na talentowo ŋuti lododoa ƒe gɔmesese yeye mí.\nAleke ame siwo Kristo adrɔ̃ ʋɔnu be wonye alẽwo la kpea asi ɖe nɔviawo ŋu?\nAme siwo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Yehowa ƒe se dzi la doa dzidzɔ na eƒe dzi, eye wokpɔa yayra geɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150315\/","date":"2018-01-17T20:25:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886964.22\/warc\/CC-MAIN-20180117193009-20180117213009-00754.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998961091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989610910415649}","num_words":150,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DƆ NƆ modzakatsaɖilawo wum. Woƒe tsatsa le Betlexem blemadu la ƒe teƒeteƒewo na dɔ nɔ wo wum vevie, eye wodi be yewoaɖɔ dua me nuɖuɖu aɖe kpɔ. Wo dometɔ ɖeka kpɔ nuɖuɖudzraƒe aɖe si me wodzraa nuɖuɖu vivi aɖe si nye falafel le; enye abolo si woyɔna be pita bread si me wotsɔa azi ƒomevi aɖe si wotu hekpe ɖe timati, sabala, kple amagbe bubuwo ŋu denɛ. Nuɖuɖu vivi sia na ŋusẽ gaɖo wo ŋu woyi woƒe tsaɖiɖia dzi.\nNu si tsaɖila mawo menya o ye nye be abolo ma ɖuɖue anya nye nuteƒekpɔkpɔ nyuitɔ si su wo si gbe ma gbe. Ŋkɔnya Betlexem gɔmee nye \"Aboloƒeme,\" eye wole abolo mèm le nuto ma me ƒe akpe nanewoe nye esia. (Rut 1:22; 2:14) Egbea, Pita bread le abolo siwo woɖuna wu le Betlexem la dome.\nƑe akpe ene kloe ye nye esia, le teƒe aɖe si medidi boo tso Betlexem ƒe anyiehe o la, Abraham srɔ̃, Sara, mè \"abolo\" dzodzoe tsɔ ɖo kplɔ̃ na amedzro etɔ̃ siwo womenɔ mɔ kpɔm na o. (1 Mose 18:6, NW) Anɔ eme be \"wɔ memee\" si Sara tsɔ mè aboloae la nye esi wotsɔ ƒo, alo lu si woyɔna be emmer la tu. Ehiã be Sara namè aboloa kaba, eye ɖewohĩ kpe dzodzoewo dzie wòmèe le.\nAbe ale si ŋutinya sia ɖee fia ene la, Abraham ƒe ƒomea ŋutɔe mèa woƒe abolo. Esi wonye tsatsalawo ta la, anɔ eme be Sara kple eƒe dɔlanyɔnuwo metea ŋu mèa abolo le abolokpo siwo tɔgbi wozãna esime wonɔ Ur afi si Sara tso la me o. Nuku siwo wɔna le nutoa me lae wòtsɔna tua wɔe. Dɔ sesẽ ŋutɔe esia anye be woatsɔ té sue, kple ɖewohĩ to kple tati, si woate ŋu atsɔ azɔ mɔe la atu wɔe.\nƑe alafa ene megbe la, Mose ƒe Sea gblɔ be mele be woaxɔ té kple tévi awɔbae le ame si o, elabena eya nue amea anɔ 'agbe' ɖo. (5 Mose 24:6) Mawu bua té nu vevii ŋutɔ, elabena eya manɔmee la, ƒomea mate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe bolo o.\nABOLO DOA ŊUSẼ AMEGBETƆ ƑE DZI\nŊɔŋlɔawo yɔ abolo ŋkɔ zi alafa geɖe, eye Biblia ŋlɔlawo yɔa abolo ɖe nuɖuɖu teƒe zi geɖe. Yesu ɖee fia be Mawu subɔlawo ate ŋu ado gbe ɖa kple kakaɖedzi be: \"Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.\" (Mateo 6:11) Le kpukpui sia me la, \"abolo\" le tsitre ɖi na nuɖuɖu, eye Yesu le eɖem fia be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòana míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu mí.\nGake nane li si gale vevie wu abolo, alo nuɖuɖu. Yesu gblɔ be: \"Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.\" (Mateo 4:4) Eƒe nya sia he susu yi ɣeyiɣi si me wòhiã be Israel viwo nakpɔ Mawu si nu bliboe hena woƒe nuhiahiãwo la dzi. Esia dze egɔme ɣeyiɣi kpui aɖe le woƒe ʋuʋu tso Egipte megbe. Wonɔ Sinai Gbedadaƒo anɔ abe dzinu ɖeka ene ye nye ema, eye woƒe nuɖuɖuwo nɔ vɔvɔm. Esi wonɔ vɔvɔ̃m be dɔ ava wu yewo yewoaku le dzogbenyigba ma dzi ta la, woli liʋiliʋi be: \"Míeɖua abolo ɖia ƒo\" esime míenɔ Egipte.\nÐikeke mele eme o be abolo viviwo nɔ Egipte. Le Mose ƒe ɣeyiɣia me la, aboloƒola bibiwo mèa abolo kple akpɔnɔvivi ƒomevi vovovowo na Egiptetɔwo. Gake Yehowa meɖoe be yeagblẽ yeƒe amewo ɖi abolodɔ nawu wo o. Edo ŋugbe be: \"Kpɔ ɖa mana abolo nadza tso dziƒo na mi.\" Eye kaka ŋu nake la, wokpɔ abolo sia si dza tso dziƒo la ŋdi kanya; enye \"nu sue nogonogoewo,\" si ƒe dzedzeme le abe kpetsi wluiwluiwo ene. Esi Israel viwo kpɔe zi gbãtɔ la, wobia be: \"Nu kae nye esi?\" Mose gblɔ na wo be: \"Esiae nye abolo, si Yehowa na mi, be miaɖu.\" Woyɔe be mana, * eye wonɔ agbe ɖe abolo sia nu ƒe 40 sɔŋ.\nMana sia si Mawu na Israel viwo nukutɔe la anya wɔ dɔ ɖe wo dzi le gɔmedzedzea. Evivina 'abe abolo gbabɛ si me wode anyitsii ene,' eye wòsɔ gbɔ ade ame sia ame nu. (2 Mose 16:18) Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, nuɖuɖu vovovo siwo woɖuna le Egipte tsã la va nɔ wo dzrom. Woto nyatoƒoe be: \"Naneke mele afi sia o, negbe mana sia ko kpɔm míele.\" (4 Mose 11:6) Emegbe wodo dziku gblɔ be: \"Nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.\" (4 Mose 21:5) Mlɔeba la, \"dziƒobolo\" la megava dze wo ŋu o eye wònyɔ ŋu na wo.\nAGBEBOLO LA\nEme kɔ ��ãa be ate ŋu adzɔ bɔbɔe be woabu abolo kple nu bubu geɖewo nu tsɛe. Gake Biblia ƒo nu tso abolo tɔxɛ aɖe si mele be míado vloe gbeɖe o la ŋu. Abolo sia si Yesu tsɔ sɔ kple mana si Israel viwo do vloe la ate ŋu ana yayra mavɔwo nasu ame si.\nYesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: \"Nyee nye agbebolo la. Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbedadaƒo, ke hã, woku. Esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, bene ame sia ame naɖu eƒe ɖe, be wòagaku o. Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee; eye le nyateƒe me la, abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.\"\nAle si Yesu ƒo nu tso \"abolo\" kple \"ŋutilã\" ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la me mekɔ na eƒe nyaselawo dometɔ geɖe o. Gake kpɔɖeŋua sɔ ŋutɔ. Yudatɔwo nɔa agbe ɖe abolo ŋutɔŋutɔ nu gbe sia gbe, abe ale si ko Israel viwo nɔ agbe ɖe mana nu le gbeadzi ƒe 40 ene. Togbɔ be mana la nye nunana tso Mawu gbɔ hã la, mena eɖulawo nɔ agbe tegbee o. Gake Yesu ƒe vɔsaa ya ana agbe mavɔ nasu ame siwo xɔ eyama dzi se la si. Eyae nye \"agbebolo la\" vavã.\nNe dɔ le wuwòm la, ɖewohĩ èdia abolo aɖe ɖuna. Eye anɔ eme be èdaa akpe na Mawu ɖe wò 'gbe sia gbe bolo' ta. (Mateo 6:11, The New English Bible) Ele eme be nuɖuɖu vivi doa dzidzɔ na mí, gake negadzɔ gbeɖe be míado kpo asixɔxɔdede \"agbebolo la,\" si nye Yesu Kristo, ŋu o.\nTo vovo na Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ŋɔli siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la, aleke míawo ya míate ŋu aɖee afia be míebua abolo xɔasi sia nu tsɛe o? Yesu gblɔ be: \"Ne mielɔ̃am la, ekema miawɔ nye sewo dzi.\" (Yohanes 14:15) Ne míewɔa Yesu ƒe sewo dzi la, ke mɔkpɔkpɔ li be míaɖu abolo kple dzidzɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.\n^ mm. 10 Anɔ eme be Hebrigbe me nya \"man hu'?\" si gɔmee nye \"nu kae nye esi?\" la mee woɖe ŋkɔnya \"mana\" tsoe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140601\/agbebolo\/","date":"2018-02-22T17:08:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814140.9\/warc\/CC-MAIN-20180222160706-20180222180706-00363.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998955667,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989556670188904}","num_words":1105,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutifafa nɔ Israel esi Salomo yi edzi subɔ Yehowa. Gake Salomo ɖe srɔ̃ geɖe tso dukɔ bubuwo me, eye nyɔnu siawo nye trɔ̃subɔlawo. Vivivi la, Salomo trɔ eye eya hã te trɔ̃wo subɔsubɔ. Yehowa do dziku. Egblɔ na Salomo be: 'Maxɔ Israel le wò ƒomea si eye wòama ɖe eve. Matsɔ akpa gãtɔ ana wò dɔlawo dometɔ ɖeka, eye wò ƒomea aɖu akpa suetɔ dzi.'\nYehowa gaɖo kpe eƒe nya sia dzi le mɔ bubu aɖe nu. Salomo ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yeroboam do go nyagblɔɖila Ahiya le mɔ dzi. Ahiya dze eya ŋutɔ ƒe awu ɖe akpa 12 me eye wògblɔ na Yeroboam be: 'Yehowa axɔ Israel fiaɖuƒea le Salomo ƒe ƒomea si eye wòamae ɖe eve. Tsɔ awu si medze la ƒe akpa ewo elabena àɖu fia ɖe to ewo dzi.' Fia Salomo se nya sia eye wòdi be yeawu Yeroboam! Eya ta Yeroboam si yi Egipte. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Salomo ku eye via Rehabeam zu fia ɖe eteƒe. Ale Yeroboam kpɔe be yeate ŋu atrɔ ava Israel azɔ.\nIsrael ƒe ame tsitsiwo gblɔ na Rehabeam be: 'Ne èwɔ nu ɖe ameawo ŋu nyuie la, woawɔ nuteƒe na wò.' Gake Rehabeam xɔlɔ̃ siwo nye ehatiwo gblɔ nɛ be: 'Ele be wò asi nasẽ ɖe ameawo dzi! Na woawɔ dɔ sesẽ wu!' Rehabeam ɖo to ehatiawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa. Esẽ tame le ameawo ŋu eya ta ameawo dze aglã. Wotsɔ Yeroboam ɖo fiae ɖe to ewo si wova yɔ be Israel fiaɖuƒe la dzi. Woyɔ to eve susɔea be Yuda fiaɖuƒe eye wonɔ Rehabeam yome. Israel to 12 la ma ɖe eve azɔ.\nYeroboam medi be yeƒe amewo nanɔ Yerusalem si le Rehabeam ƒe fiaɖuƒea me la yim na tadedeagu o. Ènya nu si tae? Yeroboam nɔ vɔvɔ̃m be yeƒe amewo atrɔ ɖa le ye yome ade Rehabeam dzi. Eya ta ewɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be: 'Yerusalem didi akpa. Miate ŋu ade ta agu le afi sia.' Ameawo dze tadedeagu na sikanyiviawo gɔme eye wogaŋlɔ Yehowa be.\n\"Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o. Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? . . . Alo kadodo kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome?\"—2 Korintotɔwo 6:14, 15","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/israel-fia%C9%96u%C6%92e-ma-%C9%96e-eve\/","date":"2018-02-23T07:25:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814493.90\/warc\/CC-MAIN-20180223055326-20180223075326-00781.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983068109,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983068108558655}","num_words":358,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.\"—DƆWƆWƆWO 20:35.\nSusu si tae ame aɖewo ɖua Kristmas.\nAbe ale si Yesu gblɔe ene la, ne wona nu ame la, enalaa kple exɔlaa siaa kpɔa dzidzɔ. Le esia taa, ame geɖe sena le wo ɖokui me be nunana amewo wɔa akpa vevi aɖe le Kristmas ɖuɖu me. Le kpɔɖeŋu me, numekuku si wowɔ le Ireland la ɖee fia be togbɔ be ganyawo sesẽ le ƒe si va yi me hã la, ƒome ɖe sia ɖe ɖoe be yewoazã ga home si wu euro 500 (Amerika dɔlar 660) ɖe Kristmas nunanawo ƒeƒle ŋu.\nNu ka tae taɖodzinua gbɔ menya ɖona o?\nAme geɖe kpɔe be nunana ame nɔewo le Kristmas ɖuɣi hea tukaɖa vanɛ wu dzidzɔkpɔkpɔ. Nu ka tae? Elabena wodzea agbagba be woaƒle nunana siwo nu woƒe ga mede o. Esi wònye be ame geɖe ƒlea nu le ɣemaɣi ta la, amewo nyèa zi ɖe fiasewo me heɖoa fli legbewo, si wɔnɛ be asiɖiɖi tea ɖeɖi ame geɖe ŋu.\nBiblia me nya kawoe ate ŋu aɖe vi?\nYesu gblɔ be: \"Minɔ nu nam amewo.\" * (Luka 6:38) Le Yesu ƒe nya sia nu la, menye ɣeyiɣi aɖe koŋ le ƒea me koe wòle be woanɔ mɔ kpɔm be amewo nana nu o. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woawo ŋutɔwo nalɔ̃ faa anɔ nu nam amewo.\n\"Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.\" (2 Korintotɔwo 9:7) Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Paulo ƒe nuxlɔ̃amea fia be \"mele be ame nana nu 'le dzizizi ta,' alo le esi wòse le eɖokui me be woƒoe ɖe ye nu ta o.\" Ne ame 'ana nu kple dzidzɔ' la, ke mele be wòase le eɖokui me be ele be yeatsɔ nunana aɖe koŋ ana ame aɖe koŋ le ɣeyiɣi aɖe koŋ me, abe ale si wònɔna le Kristmas ɖuɣiwo zi geɖe ene o.\n\"Ne didia nya li ko la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu le nu si le ame si la nu, menye le nu si mele ame si o la nu o.\" (2 Korintotɔwo 8:12) Mawu medi tso Kristotɔwo si be woanyi fe ɖe nunana xɔasiwo ƒeƒle ta o. Ke boŋ, ne ame aɖe na nu 'le nu si le esi nu' la, menye ɖeko esia sɔ o, ke \"wokpɔa ŋudzedze\" ɖe eƒe nunanaa ŋu hã. Nya lédziname sia to vovo sãa na \"ƒlee fifia eye nàxe fea emegbe\" si boblodolawo lɔ̃a gbɔgblɔ le Kristmas ɖuɣiwo!\n^ mm. 8 Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ ko be: \"Mina.\" Ke hã, dɔwɔnya si wozã le blema Helagbea me la fia nu si woayi edzi anɔ wɔwɔm. Eya ta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ɖe egɔme be \"minɔ nu nam amewo,\" ale be gɔmesese nyuitɔa nadze.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/dzidz%C9%94-si-tsoa-nunana-me\/","date":"2018-02-23T07:25:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814493.90\/warc\/CC-MAIN-20180223055326-20180223075326-00781.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965911508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965911507606506}","num_words":457,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuxlẽla Lɔlɔ̃tɔ:\nÈsee le ɖokuiwò me be yete ɖe Mawu ŋua? Ewɔna na ame geɖe be esia manya wɔ kura o. Ame aɖewo bui be eɖe eɖokui ɖa kura tso amegbetɔwo gbɔ; dzi ɖe le ame bubuwo ƒo le esi wobui be yewomedze ate ɖe eŋu o ta. Gake Biblia de dzi ƒo na mí lɔlɔ̃tɔe be: \"Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.\" (Yakobo 4:8) Ena kakaɖedzi esubɔlawo gɔ̃ hã be: \"Nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.\"—Yesaya 41:13.\nAleke míawɔ hafi mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli alea? Le xɔlɔ̃wɔwɔ ɖesiaɖe me la, amea nyanya, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme tɔxɛwo ŋu kple asixɔxɔ dede wo ŋu dzie ƒomedodoa nɔa te ɖo. Eyata Mawu ƒe nɔnɔmewo kple alesi wòwɔa nui, siwo woɖe fia le Biblia me, nye nu vevi siwo ŋu wòle be míasrɔ̃ nu tsoe. Ne míede ŋugble le alesi Yehowa ɖea nɔnɔme siawo dometɔ ɖesiaɖe fianae ŋu, ne míedze si alesi Yesu Kristo ɖe wo fia bliboe, kple ne míenya alesi míawo hã míate ŋu atu wo ɖoe la, ate mí ɖe Mawu ŋu. Míakpɔe be Yehowae dze anye xexeame katã ƒe Dziɖulagã deblibo la. Gakpe ɖe eŋu la, eyae nye Fofo si mí katã míehiã. Esi wònye ŋusẽtɔ, dzɔdzɔetɔ, nunyala, kple lɔlɔ̃tɔ ta la, megblẽa via wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o.\nNeva eme be agbalẽ sia nakpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa Mawu ŋu geɖe wu, be ƒomedodo si me magblẽ gbeɖe o nanɔ mia kplii dome, ale be nànɔ agbe akafui yi ɖe mavɔmavɔ me.\nEtalawo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/te-%C9%96e-yehowa-%C5%8Bu\/te-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2018-02-23T19:16:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814827.46\/warc\/CC-MAIN-20180223174348-20180223194348-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985040426,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985040426254272}","num_words":264,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ Samuel ɖa, ele ami kɔm ɖe tame na ŋutsu la. Aleae wowɔna na ame atsɔ fiae be wotiae be wòanye fia. Yehowae gblɔ na Samuel be wòakɔ ami ɖe Saul ƒe tame. Enye ami tɔxɛ aɖe, si ʋẽna lilili.\nSaul mesusui be yedze be yeanye fia o. Egblɔ na Samuel be: 'Benyamin-ƒome, si nye suetɔ kekeake le Israel la mee metso. Nukatae nèbe yeaɖo fiam?' Yehowa lɔ̃ Saul, elabena mewɔ eɖokui amegã kple ame ŋkutae o. Ematae wòtiae be wòanye fia ɖo.\nGake Saul menye ame dahe alo ame kpui o. Kesinɔtɔwo ƒe ƒome mee wòtso, eye wònye ame dzeɖekɛ kɔkɔ aɖe. Ekɔ wu ame kɔkɔtɔ, si le Israel la kple afɔ ɖeka! Saul ƒua du sesĩe, eye wònye ame sesẽ hã. Ameawo kpɔ dzidzɔ be Yehowa tia Saul be wòanye fia. Wo katã te ɣlidodo be: 'Fia nanɔ agbe tegbee!'\nŊusẽ gale Israel ƒe futɔwo ŋu kokoko. Wogale fu ɖem na Israel-viwo ŋutɔ. Esi woɖo fia Saul teti ko la, Amonitɔwo va aʋa wɔ ge kpli wo. Gake Saul ƒo aʋawɔlawo nu ƒu, eye woɖu Amonitɔwo dzi. Esia do dzidzɔ na ameawo be Saul nye fia.\nEsi ƒeawo va nɔ yiyim la, Saul nɔ ŋgɔ na Israel-viwo woɖu woƒe futɔ geɖewo dzi. Viŋutsuvi kalẽtɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yonatan la nɔ Saul si. Yonatan hã kpe ɖe Israel ŋu woɖu aʋa geɖe dzi. Filistitɔwo ganye Israel-viwo ƒe futɔ vɔ̃ɖitɔ. Gbeɖeka la, Filistitɔ akpe geɖewo va aʋa wɔ ge kple Israel-viwo.\nSamuel gblɔ na Saul be wòalala vaseɖe esime yeava sa vɔ na Yehowa. Gake Samuel meva kaba o. Saul le vɔvɔ̃m be Filistitɔwo aho aʋa ɖe yewo ŋu, eyata eya ŋutɔ dze ŋgɔ yi ɖasa vɔ la. Esi Samuel va la, egblɔ na Saul be ewɔ tosẽnu. Egblɔ na Saul be: 'Yehowa atia ame bubu be wòanye fia ɖe Israel dzi.'\nEmegbe la, Saul gasẽ to ake. Eyata Samuel gblɔ nɛ be: 'Toɖoɖo Yehowa nyo wu alẽ nyuitɔ, si woatsɔ nɛ. Esi mèɖo to Yehowa o ta la, Yehowa magana nànye fia na Israel o.'\nMíate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖe tso esia me. Efia alesi wòle vevie be woaɖo to Yehowa ɣesiaɣi la. Egafia hã be ame nyui abe alesi Saul nɔ tsã ene la ate ŋu atrɔ azu ame gbegblẽ. Ðe míedi be míazu ame gbegblẽwoa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/fia-saul\/","date":"2018-02-24T23:35:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816068.93\/warc\/CC-MAIN-20180224231522-20180225011522-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982498884,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998249888420105}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Le wò susu nua, nu kae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na mí?\nMawunyakpukpui: Yh 3:16\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si ta Mawu dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana sia ŋu la ŋu.\nNU KAE NYE MAWU FIAÐUƑE LA?\nŊKUÐODZIA ƑE AMEKPEGBALẼVI\nNya Si Nàgblɔ: Míele amewo kpem hena wɔna vevi aɖe. [Tsɔ amekpegbalẽvia nɛ.] Le April 11 lia dzi la, ame miliɔn geɖe akpe ta le xexea me godoo ahaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi, eye woase Biblia me nuƒo aɖe femaxee si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me. Àkpɔ teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi. Míeka ɖe edzi be àdze agbagba ava.\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2018-02-19T22:24:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812841.74\/warc\/CC-MAIN-20180219211247-20180219231247-00301.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986575246,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986575245857239}","num_words":157,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 15, 2015\nCHILE\nSANTIAGO, Chile (Chili)—Tsi gã aɖe dza le March 25, 2015 dzi le Atacama-nutoa me le Chile ƒe dzigbe, eye wòna ba kple tsi xɔ nutoa me katã. Ƒe 80 sɔŋue nye esia womegakpɔ esia gbegbe teƒe kpɔ o. Tsiɖɔɖɔ sia gblẽ nu le ame 30,000 kple edzivɔwo ŋu, ena hã be ame 3,000 va tsi sitsoƒe siwo woɖo ɖi na nudzɔdzɔ kpatawo eye woka nya ta be ame 25 ya teti ƒe agbe tsi eme.\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Chile ka nya ta be nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o, eye wo dometɔ aɖeke hã meku o. Ke hã, Ðasefoawo ƒe aƒe adre dome gblẽ keŋkeŋ eye nu gblẽ le aƒe geɖewo hã ŋu. Tsiɖɔɖɔa gbã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka keŋkeŋ eye wògblẽ nu le eve bubuwo hã ŋu.\nLe Copiapó, si nye du siwo me tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le wu dometɔ ɖeka me la, Yehowa Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo be woaxɔ nyatakakawo eye woadzra teƒeawo ɖo. Wodɔ alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔla ɖeka hã ɖo ɖa be wòagblɔ Biblia me nyawo atsɔ afa akɔ na Ðasefo siwo le nutoa me ahade dzi ƒo na wo. Enumake Ðasefo siwo tso Antofagasta, Arica, Calama, Caldera, Iquique kple La Serena ɖo kpekpeɖeŋunanuwo ɖe woƒe haxɔsetɔ siwo hiã tu.\nJason Reed, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Chile, gblɔ be: \"Nu si dzɔ ɖe mía nɔviawo dzi te ɖe mía dzi ŋutɔ, eye míaƒe kpekpeɖeŋunakɔmitia sɔ gbe be yeana kpekpeɖeŋu le teƒeawo dzadzra ɖo kple xɔ yeyewo tutu ƒe dɔ si axɔ ɣeyiɣi didi la me. Míeɖoe hã be míafa akɔ na ame siwo katã ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ahade dzi ƒo na wo.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nChile: Jason Reed, tel. +56 2 2428 2600","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/chile\/tsi%C9%96%C9%94%C9%96%C9%94-kpekpe%C9%96e%C5%8Bunana\/","date":"2018-02-19T22:21:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812841.74\/warc\/CC-MAIN-20180219211247-20180219231247-00301.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998719573,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987195730209351}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wònɔa bɔbɔe na wò ɣesiaɣi be nàɖo to dziwòlawoa?— Menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o. Èsusu be enɔ bɔbɔe na Yesu be wòaɖo to Yehowa kple edzilawoa?— Eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo to dziwòlawo togbɔ be toɖoɖo mele bɔbɔe o hã. Na míasrɔ̃ nu tso nya sia ŋu vie.\nYesu nɔ Fofoa Yehowa gbɔ le dziƒo hafi va anyigba dzi. Gake dzilawo hã nɔ Yesu si le anyigba dzi. Woƒe ŋkɔwoe nye Yosef kple Maria. Ènya ale si wòdzɔe be wova zu Yesu dzilawoa?—\nYehowa trɔ Yesu si nɔ dziƒo la ƒe agbe de Maria ƒe dɔ me ale be nyɔnu sia te ŋu dzii ɖe anyigba dzi. Nukunue esia nye! Yesu nɔ tsitsim le Maria ƒe dɔ me vivivi abe ale si ko vidzĩ tsina le dadaa ƒe dɔ me ene. Abe ɣleti asieke ene megbe la, wodzi Yesu. Aleae wòdzɔe be Maria kple srɔ̃a Yosef va zu Yesu dzilawo le anyigba dzi.\nEsi Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, ewɔ nane si ɖee fia be elɔ̃ Fofoa Yehowa vevie. Nu sia dzɔ esime Yesu kple eƒe ƒometɔwo zɔ mɔ didi aɖe yi Yerusalem be yewoaɖu azã si woyɔna be Ŋutitoto la. Esi wotrɔ gbɔna aƒe la, Yosef kple Maria di Yesu ʋuu gake womekpɔe o. Ènya afi si Yesu nɔa?—\nNu ka tae Yesu nɔ gbedoxɔa me?\nYosef kple Maria ɖe abla trɔ yi Yerusalem eye wodi Yesu le afi sia afi. Wotsi dzodzodzoe elabena wodii kakaka womekpɔe o. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova kpɔe le gbedoxɔa me! Ènya nu si tae Yesu nɔ gbedoxɔa mea?— Elabena ate ŋu asrɔ̃ nu tso Fofoa Yehowa ŋu le afi ma. Elɔ̃ Yehowa eye wòdi be yeasrɔ̃ ale si yeawɔ nu wòado dzidzɔ nɛ. Esi Yesu tsi gɔ̃ hã la, eɖoa to Yehowa ɣesiaɣi. Yesu ɖoa to togbɔ be menɔa bɔbɔe nɛ o eye wòhiã be wòakpe fu gɔ̃ hã. Ðe Yesu ɖo to Yosef kple Maria hã?— Nyateƒee, Biblia gblɔ be eɖo to wo.\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?— Ele be nàɖo to dziwòlawo nenye be esia wɔwɔ sesẽ na wò gɔ̃ hã. Àɖo to woa?—","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/yesu-%C9%96o-to-%C9%A3esia%C9%A3i\/","date":"2018-03-23T00:28:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257648103.60\/warc\/CC-MAIN-20180322225408-20180323005408-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994567037,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994567036628723}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Osɔfo kple hakplɔla siwo woxea fe na mele míaƒe habɔbɔa me o. Ke boŋ dzikpɔla siwo dze lae wotiana be 'woakplɔ Mawu ƒe hame' la, abe ale si wònɔ le Kristo hame gbãtɔwo me ene. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Hamemetsitsi siawo nye ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋkume, woxɔa ŋgɔ le hamea me hekplɔa alẽha la nyuie, \"menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi.\" (1 Petro 5:1-3) Dɔ kawoe wowɔna na mí?\nWoléa be na mí hekpɔa mía ta. Hamemetsitsiwo naa mɔfiame eye wodzea agbagba kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenyenye ta. Esi hamemetsitsiawo nya be Mawue de dɔ vevi sia asi na yewo ta la, womeɖua aƒetɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi o, ke boŋ wonana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. (2 Korintotɔwo 1:24) Abe ale si alẽkplɔla ŋutɔŋutɔ dzea agbagba be yealé be na yeƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ene la, hamemetsitsiawo hã dzea agbagba be yewoanya hamea me tɔwo katã ɖekaɖeka.—Lododowo 27:23.\nWofiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui la mí. Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ le kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa me eye wofiaa nu hedoa ŋusẽ míaƒe xɔse. (Dɔwɔwɔwo 15:32) Hamemetsitsi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la gaxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, wowɔa dɔ kpli mí ɖekae, eye wonaa hehe mí le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo me.\nWodea dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Be hamemetsitsiwo nate ŋu ado ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xɔse la, wowɔa ɖoɖo va srãa mí kpɔ le míaƒe aƒewo me, wotua mí ɖo le Fiaɖuƒe Akpataa me, eye wozaã Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na mí alo tsɔ faa akɔ na mí.—Yakobo 5:14, 15.\nTogbɔ be hamemetsitsi siawo wɔa dɔ geɖe le hamea me hã la, dɔwɔɖui kple ƒomegbanɔamedziwo hã le wo dzi siwo gbɔ wòle be woakpɔ nyuie. Ele be míade bubu hamemetsitsi dovevienu siawo ŋu.—1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.\nDɔ kawoe hamemetsitsiwo wɔna?\nMɔ vovovo kawo nue hamemetsitsiwo ɖea ɖetsɔleme fiaa mí ame ɖekaɖekawo le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/hame-hamemetsitsiwo\/","date":"2018-03-18T08:45:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645550.13\/warc\/CC-MAIN-20180318071715-20180318091715-00747.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956157804,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956157803535461}","num_words":327,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU NYUI, siwo katã le mía si la tso Mawu gbɔ. Eyae wɔ ɣe be wòana kekeli mí le ŋkeke me, kple ɣleti kpakple ɣletiviwo be keklẽ aɖe nanɔ anyi na mí le zã me. Eye Mawu wɔ anyigba na mí be míanɔ edzi.\nGake menye ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple anyigba lae nye nu gbãtɔ, siwo Mawu wɔ o. Ènya nusi nye gbãtɔa? Mawu wɔ amesiwo le abe eya ŋutɔ ene la gbã. Míate ŋu akpɔ amesiawo kple ŋku o abe alesi míate ŋu akpɔ Mawu o ene. Woyɔa amesiawo le Biblia me be mawudɔlawo. Mawu wɔ mawudɔlawo be woanɔ ye gbɔ le dziƒo.\nMawudɔla gbãtɔ, si Mawu wɔ la nye ame tɔxɛ aɖe. Enye Mawu ƒe Vi gbãtɔ, eye wòwɔ dɔ kple Fofoa. Ekpe asi ɖe Mawu ŋu be wowɔ nu mamlɛawo katã. Ekpe ɖe Mawu ŋu wowɔ ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple míaƒe anyigba la hã.\nAleke anyigba la nɔ ɣemaɣi? Le gɔmedzedzea me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ anyigba la dzi o. Naneke menɔ anyi o negbe atsiaƒu gã aɖe koe le anyigba la katã ŋku me. Evɔ la, Mawu di be amewo nanɔ anyigba dzi. Eyata edze nuwo dzadzraɖo gɔme na mí. Nukae wòwɔ?\nAhã, anyigba la hiã na kekeli gbã. Eyata Mawu wɔe be ɣe ƒe kekeli naklẽ ɖe anyigba la dzi. Ewɔe nenema, be zã kple ŋkeke nanɔ anyi. Emegbe Mawu na anyigba ho ɖe dzi tso atsiaƒua me.\nGbã la, naneke menɔ anyigba la dzi o. Enɔ ko abe nɔnɔmetata si kpɔm nèle le afisia ene. Seƒoƒowo alo atiwo alo lãwo ƒe ɖeke menɔ anyi o. Tɔmelã aɖeke kura gɔ̃ hã menɔ atsiaƒua me o. Dɔ geɖe ŋutɔ gali Mawu nawɔ be wòana anyigba la nanɔ nyuie na gbemelãwo kple amegbetɔwo be woanɔ edzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/1-mose-nuwo-w%C9%94w%C9%94\/","date":"2018-03-19T11:52:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257646875.28\/warc\/CC-MAIN-20180319101207-20180319121207-00583.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992290735,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992290735244751}","num_words":291,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anye be nya siwo nèŋlɔ tsɔ le edim la mede o. Xlẽ JW Nyakakadɔwɔƒe Dada Ðe Mɔ̃ Dzi ŋuti mɔfiamewo. Ate ŋu adzɔ hã be womekpɔ wɔ esi awɔ dɔ le wò mɔ̃a dzi haɖe o. JW Nyakakadɔwɔƒe wɔa dɔ le Roku 1, Roku 2, Roku 3 kple Roku Streaming Stick dzi.\nÀte ŋu akpɔ gbe siwo gbɔna dometɔ ɖe sia ɖe ƒe videowo to Roku dɔwɔnua dzi: Albaniagbe, Amerika Tokunɔgbe, Argentine Tokunɔgbe, Brazil Tokunɔgbe, Colombia Tokunɔgbe, Croatiagbe, Denmarkgbe, Germaniagbe, Eŋlisigbe, Estoniagbe, Finlandgbe, Fransegbe, Hollandgbe, Hungariagbe, Indonesiagbe, Italiagbe, Kinyarwandagbe, Mexico Tokunɔgbe, Norwaygbe (Norvègegbe), Portugalgbe, Spaniagbe, Swedengbe (Suèdegbe), Tsongagbe, Xhosagbe, Zulugbe.\nZã Tia Gbegbɔgblɔ ƒe dzesi si le JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe gɔmedzeƒe nàtsɔ awɔ esia.\nJW Nyakakadɔwɔƒe ƒe dɔwɔnua ƒe kɔpi wɔwɔ kple ezazã mexɔa ga aɖeke o.\nWobiaa gadzraɖoƒe ƒe xexlẽdzesi hafi nàte ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe Roku ƒe nyatakakadzraɖoƒea, elabe ɖe wodzraa nu siwo le Roku Channel Store la dometɔ aɖewo. Woabia tso asiwò be nàxe fe ɖe nu siwo nàdi be yeaƒle la ta. Ne èdi nyatakaka bubuwo la, yi Roku ƒe kpekpeɖeŋunaƒe.\nXɔ̃wò aɖe si nya nu tso Roku dɔwɔnua alo JW Nyakakadɔwɔƒea zazã ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne nyabiasea ku ɖe wò Roku dɔwɔnua alo ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe Roku nyatakakadzraɖoƒea ŋu la, xlẽ Roku-zazã ŋuti mɔfiamewo le internet dzi.Ne èle go dom kuxi aɖe le JW Nyakakadɔwɔƒea zazã me la, kpe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka sia ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/roku\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/","date":"2018-04-25T19:00:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00327.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955123067,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955123066902161}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu ku vɔ la, ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef bia Pilato be wòana yeaɖe Yesu ƒe kukua le atia ŋu. Yosef si atike ʋeʋĩwo na Yesu ƒe kukua eye wòxatsa aklala biɖibiɖi vɔ ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ yɔdo yeye me. Ena womli kpe gã aɖe tsɔ xe yɔdoa nu. Nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ na Pilato be: 'Míele vɔvɔ̃m be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo ava tsɔ eƒe kukua eye woagblɔ be wofɔe ɖe tsitre.' Eya ta Pilato gblɔ na wo be: 'Mitre yɔdo la nu eye miadzɔ eŋu.'\nLe ŋkeke etɔ̃ megbe ƒe ŋdi kanyaa la, nyɔnu aɖewo yi yɔdoa to eye wokpɔ be womli kpe la ɖa. Mawudɔla aɖe le yɔdoa me eye wògblɔ na nyɔnuawo be: 'Migavɔ̃ o. Wofɔ Yesu ɖe tsitre. Miyi miagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi Galilea ava do goe.'\nMaria Magdalatɔ la wɔ kaba yi ɖadi Petro kple Yohanes. Egblɔ na wo be: 'Ame aɖe kɔ Yesu ƒe kukua dzoe!' Petro kple Yohanes si du yi yɔdoa to. Esi wokpɔ be mele yɔdoa me o la, wotrɔ yi woƒe aƒewo me.\nEsi Maria trɔ yi yɔdoa to la, ekpɔ mawudɔla eve le yɔdoa me eye wògblɔ na wo be: 'Nyemenya afi si wokɔ nye Aƒetɔ la yii o.' Emegbe ekpɔ ŋutsu aɖe eye esi wòsusu be abɔa dzi kpɔlae la, Maria gblɔ nɛ be: 'Aƒetɔ, meɖe kuku, gblɔ afi si nèkɔe yii la nam.' Gake esi ŋutsua yɔe be, \"Maria!\" la, ekpɔe be Yesue. Edo ɣli be: \"Nufiala!\" eye wòdzo kplae. Yesu gblɔ nɛ be: 'Yi nàgblɔ na nɔvinyewo be èkpɔm.' Enumake Maria si du yi nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be yekpɔ Yesu.\nEmegbe le ŋkekea me la, nusrɔ̃la eve zɔ tso Yerusalem yina Emaus. Ŋutsu aɖe zɔ va tu wo le mɔa dzi eye wòbia wo be dze ka ɖom wole hã. Woɖo eŋu nɛ be: 'Mèse nu si dzɔ oa? Ŋkeke etɔ̃ enye esi va yi si nunɔlawo ƒe tatɔwo wu Yesu. Fifia nyɔnu aɖewo le gbɔgblɔm be wofɔe ɖe tsitre!' Ŋutsua bia wo be: 'Miexɔ nyagblɔɖilawo dzi se oa? Wogblɔ be Kristo la aku eye woafɔe ɖe tsitre.' Eyi edzi ɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo. Esi woɖo Emaus dua me la, nusrɔ̃lawo gblɔ na ŋutsua be wòatsi yewo gbɔ. Esi wonɔ anyi be yewoaɖu fiẽnu eye ŋutsua do gbe ɖa ɖe aboloa ta la, wode dzesii be Yesue. Enumake ebu vĩi.\nNusrɔ̃la eveawo wɔ kaba yi aƒe si me apostoloawo le le Yerusalem eye wogblɔ nu si dzɔ la na wo. Esi wonɔ aƒea me la, Yesu ɖe eɖokui fia wo katã. Apostoloawo mexɔe se gbã be Yesue o. Eya ta egblɔ na wo be: 'Mikpɔ nye asiwo ɖa; mika asi ŋunye. Woŋlɔe ɖi be Kristo la afɔ tso ame kukuwo dome.'\n\"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.\"—Yohanes 14:6","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/13\/wof%C9%94-yesu-%C9%96e-tsitre\/","date":"2018-04-25T11:17:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00013.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991940856,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991940855979919}","num_words":477,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 28, 2014\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nAgaɖeviwo na aƒewo nyrɔ ɖe ba me le Snohomish County si le Washington le United States (États-Unis) le March 22, 2014 dzi. Nutoa me dziɖuɖumegãwo ka nya ta be ame 90 aɖewoe bu eye wogblɔ be ame 17 ku. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States ka nya ta be nyɔnu Ðasefo ɖeka le ame siwo bu la dome. Ðasefo atsu kple asi aɖe ƒe vinyɔnu kple woƒe mamayɔvi hã ku le nudzɔdzɔ sia me. Eva hiã be Ðasefo eve naʋu le woƒe aƒewo me; Ðasefo bubu aɖe ya ƒe aƒe dome gblẽ keŋkeŋ. Ðasefowo ƒe hamemetsitsi siwo le nutoa me le kpekpeɖeŋu kple akɔfafa nam ame siwo ŋu afɔku sia gblẽ nu le.\nWoƒe Kadodo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/washington-state-aga%C9%96eviwo-20140328\/","date":"2018-04-27T01:07:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125948738.65\/warc\/CC-MAIN-20180427002118-20180427022118-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993242025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993242025375366}","num_words":128,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ January 2013 | Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Xexea Me Ƒe Nuwuwua?\nAccording to the Bible, what is the \"end of the world\"?\nTso tata sia dzi la, magazine sia me nyati tiatia aɖewo anɔ Internet la ɖeɖe ko dzi azɔ. Xlẽ nu tso susu siwo ta míewɔ tɔtrɔ siawo ɖo la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐewohĩ nu si tututu Biblia gblɔ tso xexea ƒe nuwuwu ŋu la awɔ nuku na wò.\nDRAW CLOSE TO GOD\nXlẽ nu tso ale si nàwɔ anya Mawu ŋuti nyateƒe si le Biblia me la ŋu.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nXlẽ nu tso ale si Biblia me mɔfiamewo wɔ dɔ ɖe edzi hekpe ɖe eŋu wòkpɔ ablɔɖe vavãtɔ ŋu.\nIMITATE THEIR FAITH\nXlẽ nu tso susu vevi etɔ̃ siwo tae Habel xɔ Wɔla lɔ̃ame la dzi se ɖo ŋu.\nMawu ƒe ŋkɔ ɖe, eye nu ka tae wòle be míazãe?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso ale si Mose wɔ nu esi wohe nya ɖe eŋui la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130101\/","date":"2018-04-25T19:17:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00561.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984151721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984151721000671}","num_words":166,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wokplɔ nyɔnuvi sue aɖe tso wo de Israel yi keke Siria-nyigba dzi. Siriatɔwo ƒe aʋawɔlawoe lée tso eƒe ƒomea gbɔ hekplɔe yi Siria wòva zu subɔvi na aʋafia Naaman srɔ̃. Nyɔnuvi suea subɔa Yehowa togbɔ be ame siwo dome wònɔ mesubɔa Mawu o hã.\nDɔléle vɔ̃ɖi aɖe nɔ Naaman ƒe ŋutigbalẽ ŋu, si nana wòsea veve ɣesiaɣi. Nyɔnuvi sue la di vevie be yeakpe ɖe Naaman ŋu. Egblɔ na Naaman srɔ̃ be: 'Menya ame aɖe si ate ŋu akpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòahaya. Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le Israel si ŋkɔe nye Elisa. Ate ŋu ada dɔ na srɔ̃wòa.'\nNaaman srɔ̃ gblɔ nya si ɖevia gblɔ la na srɔ̃a. Naaman di vevie be yeahaya, eya ta eyi Elisa gbɔ le Israel. Naaman susu be Elisa axɔ ye abe amegã aɖe ene. Elisa ŋutɔ meyi ɖaƒo nu kple Naaman o, edɔ eƒe subɔvi ɖa be wòado go Naaman agblɔ nɛ be: 'Yi nàle tsi le Yordan Tɔsisia me zi adre. Ekema àhaya.'\nNyaa te ɖe Naaman dzi. Egblɔ be: 'Nyea mebu be, nyagblɔɖila sia ayɔ eƒe Mawu ƒe ŋkɔ ahalili asi teƒea, ale be mahaya. Ke boŋ ebe male tsi le Israel-tɔsisi sia me. Tɔsisi siwo nyo wu la le Siria. Nu ka tae nyematrɔ ayi afi ma o?' Naaman do dziku vevie, eye wòdzo le Elisa ƒe aƒe me.\nNaaman ƒe subɔviwo kpe ɖe eŋu wòbu nuwo ŋu nyuie. Wogblɔ nɛ be: 'Màwɔ nu sia nu si ana nàhaya oa? Nu si nyagblɔɖila sia be nàwɔ la mesesẽ o. Nu ka tae màwɔe o?' Naaman ɖo to wo. Eyi ɖado ɖi ɖe Yordan Tɔsisia me zi adre. Esi Naaman do ɖi zi adrelia la, ehaya keŋkeŋ. Dzi dzɔe ŋutɔ eye wòtrɔ va da akpe na Elisa. Naaman gblɔ be: 'Azɔ menyae be Yehowae nye Mawu vavã la.' Mèkpɔe be dzi anya dzɔ Israel nyɔnuvia ŋutɔ esi Naaman trɔ gbɔ eye wòhaya oa?\n\"Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo.\"—Mateo 21:16","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/9\/naaman-anyid%C9%94l%C3%A9la\/","date":"2018-04-22T22:41:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00069.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997693181,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976931810379028}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo\n—Xɔseɖeɖefia, Akpa Gbãtɔ: Wodo Tso Viviti La Me\nEbia be dzi nanɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo hafi woate ŋu aɖe wo ɖokuiwo ɖa tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔwo ƒe viviti si nɔ anyi ƒe alafa geɖe la me. Ke hã wonye kekelivi wɔkalẽ dzinɔameƒotɔwo. Kpɔ ale si wowɔ nuteƒe hewɔ nu dzinɔameƒotɔe esi Yehowa kplɔ wo do goe \"tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/x%C9%94se%C9%96e%C9%96efia-akpa-gb%C3%A3t%C9%94\/","date":"2018-04-22T22:48:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00195.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984460473,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984460473060608}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Ƒe Nufiafia Wɔ Wo Ðekae\n\"Mawu Ƒe Nufiafia\" ye nye tanya si wotia na dukɔwo dome takpekpe si Yehowa Ðasefowo wɔ le xexea me godoo le ƒe 1993 me. Wofia nu ame siwo ƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo kple dekɔnuwo le vovovo la tso Mawu ƒe nunya ŋu eye wòɖe vi na wo. Ne èkpɔ video sia la, àkpɔ dzidzɔ kple lɔlɔ̃ si nɔ takpekpevalawo dome kple ale si wonye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã me tɔwo la teƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/mawu-%C6%92e-nufiafia-w%C9%94-wo-%C9%96ekae\/","date":"2018-04-21T06:32:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977782965,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977782964706421}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.325,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 23 va se ɖe November 26, 2017 la le tata sia me.\nAleke Biblia me kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu eye míazu ɖokuidziɖulawo? Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?\nGbe ɖeka, Yehowa ƒo nu tso eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na Mose tsɔ ɖe ame si wònye la fiae. Veveseɖeamenu le eƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo wòyɔ gbã la dome. Nu kae wòfia be woase veve ɖe ame nu, eye nu ka tae wòle vevie be nàsrɔ̃ nu geɖe tso veveseɖeamenu ŋu?\nAGBEMEŊUTINYA\nDavid Sinclair ƒo nu tso dzidzɔ siwo wòkpɔ esi mɔnukpɔkpɔ su esi wòwɔ dɔ kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le ƒe 61 siwo wòtsɔ subɔ le Brooklyn Betel me la dometɔ aɖewo ŋu.\nWowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe alafa geɖewoe nye esia, ke hã egakpɔtɔ nye agbalẽ si amewo ƒlena wu, togbɔ be gbe siwo amewo dona nɔ tɔtrɔm, xexemedziɖuɖuwo he tɔtrɔ gãwo vɛ, eye amewo tsi tsitre ɖe egɔmeɖeɖe ŋu hã.\nMawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ kpe ɖe ame geɖe ŋu wowɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me. Nu kae wòle be míawɔ hafi Mawu ƒe Nyaa naɖe vi na mí?\nNu ka tae wòhiã be dzi nanɔ mía ƒo, eye aleke míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-september-2017\/","date":"2018-04-24T23:31:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989503026,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989503026008606}","num_words":214,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke wowɔa agbalẽ xatsaxatsawo le Biblia-ŋlɔɣiwo, eye aleke wozãa woe?\nWoŋlɔ ɖe Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me be Yesu ʋu Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsaa eye wòxlẽe, eyome eŋlɔ́ agbalẽa. Le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe nuwuwu la, Yohanes hã ƒo nu tso agbalẽ xatsaxatsa ŋu esi wògblɔ be, Yesu gawɔ dzesi bubu geɖewo, gake yemate ŋu aŋlɔ wo katã ɖe yeƒe agbalẽ xatsaxatsaa me o.—Luka 4:16-20; Yohanes 20:30; 21:25.\nAleke wowɔa agbalẽ xatsaxatsawoe? Wotsɔa aƒlagbalẽ alo lãgbalẽ ɖeɖiwo trena ɖe wo nɔewo nu wòzua agbalẽ lɔbɔɔ ɖeka. Wotea ŋu xatsaa eƒe axa emetɔ si dzi woŋlɔ nu ɖo la ɖe ati lɛɛ ŋu. Nuŋɔŋlɔa tsoa dzigbe vaa anyime eye enɔa agbakpuiwo me. Ne agbalẽa didi lɔbɔɔ la, woxatsaa eƒe gɔmedzeƒe kple nuwuƒe ɖe ati vovovo eve ŋu, eye nuxlẽlaa nɔa ekem kple asi ɖeka henɔa eŋlɔ́m kple asi kemɛ va se ɖe esime wòake ɖe akpa si dim wòle ŋu.\nNyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: \"Nu si dea ame dzi le agbalẽ xatsaxatsa gomee nye be togbɔ be etea ŋu didina lɔbɔɔ (abe meta 10 ene zi geɖe) ale be agbalẽ blibo me nyawo nayi edzi hã la, wotea ŋu ŋlɔ́nɛ kpokploe.\" (The Anchor Bible Dictionary) Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me nyawo katã anɔ agbalẽ xatsaxatsa si ƒe didime ade meta 9 kple afã dzi. Le agbalẽ xatsaxatsa aɖewo gome la, woɖea togawo ŋu keŋ eye wotsɔa afɔklɔkpe zrɔ̃a wo hedea ama wo.\nWoƒo nu tso \"nunɔlawo ƒe tatɔwo\" ŋu le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Ame kawoe woanya nye?\nEsi woɖo nunɔlawo ƒe dɔa anyi le Israel la, ame ɖeka koe nyea nunɔlagã, eye enɔa ɖoƒe sia va se ɖe eƒe kugbe. (4 Mose 35:25) Aron ye nye nunɔlagã gbãtɔ. Tso ema dzi yina la, viŋutsu tsitsitɔ ye xɔna ɖe fofoa teƒe le bubunɔƒe ma le ɖoɖoa nu. (2 Mose 29:9) Aron ƒe dzidzimevi siwo nye ŋutsuwo la dometɔ geɖewo zu nunɔlawo, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye nunɔlagãwo.\nEsi dukɔ bubuwo va nɔ Israel-viwo dzi ɖum la, dziɖula siwo menye Israel-viwo o la ɖoa nunɔlagãwo alo xɔa dɔ le wo si ale si dze wo ŋu. Gake edze abe ɣesiaɣi kloe la, ƒome ʋɛ aɖewo siwo ŋu bubu le la domee wotiaa ame yeyeawo tsonɛ ene, eye zi geɖe la, wotsoa Aron ƒe dzidzimeviwo dome. Edze ƒãa be nunɔlawo dome ame ŋkutawoe woyɔna be \"nunɔlawo ƒe tatɔwo.\" Anɔ eme be nunɔlawo ƒe hatsotso 24 la ƒe tatɔwo, nunɔlagãwo ƒe ƒomewo me ame ŋkutawo kple nunɔlagã siwo si woxɔ dɔ le, abe Ana ene, hã nɔa nunɔlawo ƒe tatɔwo dome.—1 Kronika 24:1-19; Mateo 2:4; Marko 8:31; Dɔwɔwɔwo 4:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2016\/nun%C9%94lawo-%C6%92e-tat%C9%94wo-biblia-agbal%E1%BA%BD-xatsaxatsawo\/","date":"2018-04-25T19:14:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00047.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993234873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993234872817993}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Satana di be nànye akunyawɔla. Ame geɖe saa vɔ na tɔgbui kukuwo alo gbɔgbɔwo be woakpɔ yewo ta tso dzɔgbevɔ̃e me. Wowɔa nusia elabena wovɔ̃a ŋusẽtɔ siwo le gbɔgbɔxexea me. Wodoa dzosigɛwo kple alɔnugɛwo. Wonoa \"atike\" alo sia ti siwo wobe dzoka le wo me. Ame aɖewo tsɔa nanewo siwo woxɔ se be ŋusẽ le wo me akpɔ yewo ta la dana ɖe woƒe aƒewo me alo ɖia wo ɖe to me. Ame bubuwo \"saa dzo\" elabena woxɔ se be ana yewoakpɔ dzidzedze le dɔwɔwɔ, suku dodokpɔwo, alo zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me.\nAmetakpɔnu nyuitɔ kekeake si akpɔ tawò tso Satana si mee nye be nànye Yehowa xɔlɔ̃. Ŋusẽ le Yehowa Mawu kple eƒe dɔlawo ŋu sasasã wu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Yakobo 2:19; Nyaɖeɖefia 12:9) Yehowa di vevie be yeazã yeƒe ŋusẽ akpɔ ye xɔlɔ̃wo ta—amesiwo kuna ɖe eŋu bliboe.—Kronika II, 16:9.\nMawu ƒe Nya gblɔ be: 'Mègasa dzo o.' Yehowa tsri dzosasa kple adzewɔwɔ elabena nuwɔna mawo ate ŋu akplɔ ame ade Satana Abosam ƒe ŋusẽ te tẽ.—Mose III, 19:26.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-22","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/dzosasa-adzew%C9%94w%C9%94\/","date":"2018-05-26T14:13:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-22\/segments\/1526794867417.75\/warc\/CC-MAIN-20180526131802-20180526151802-00314.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958719015,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995871901512146}","num_words":170,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNUSƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO\nIsrael-viwo Va Ðo Kanaan\nWɔ agbalẽvi siawo ƒe kɔpi, eye nàtsɔ Bibliameme siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yosua 2 va se ɖe 7 dometɔ ɖe sia ɖe asɔ kple nɔnɔmetata siwo me nuwo le la dometɔ ɖeka aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/israel-viwo-va-%C9%96o-kanaan\/","date":"2018-06-20T16:08:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863650.42\/warc\/CC-MAIN-20180620143814-20180620163814-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993391037,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993391036987305}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video siawo ƒo nu tso nya vevi aɖewo ŋu gake wotrɔ asi le eŋu be nusɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na ame!\nSrɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ gbãŋku kple lɔlɔ̃ vavã ŋu.\nAfɔɖeɖe ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ ɖokuiwò me ke menye be woaƒo nya ɖe nuwò o.\nÀte ŋu ase vivi na dzeɖoɖo kple xɔlɔ̃wòwo le internet dzi evɔ màde ɖokuiwò afɔku me o.\nAlakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?\nKpɔ nu siwo tae amewo wɔa anyra ɖe ame ŋu kple ale si nàwɔ anɔ te ɖe anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu nu dzidzedzetɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/nutata-%C6%92e-videowo\/","date":"2018-06-19T15:04:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00458.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995875955,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995875954627991}","num_words":100,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hena Ƒometadedeagu Wò ƒomea ate ŋu ase vivi na nusɔsrɔ̃ tso Biblia me nudzɔdzɔwo, amewo kple teƒewo ŋu! ƲU Yeyetɔwo Xoxotɔwo Nuwɔwɔ Dzinɔameƒotɔe Tiae Be Yeasubɔ Yehowa Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Míesubɔa Yehowa Ale Si Yehowa Doa Ŋusẽ Mí Xɔlɔ̃ Wɔnuteƒe Rahab Wɔ Ðe Woƒe Nyawo Dzi Yehowa Ðe Israel-viwo Mawu Dɔ Mose Ðe Egipte Mose Tsi Le Egipte Israel-viwo Wɔ Sikanyivi Kora Dze Aglã","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/hena-%C6%92ometadedeagu\/","date":"2018-08-20T00:27:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221215404.70\/warc\/CC-MAIN-20180819224020-20180820004020-00177.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991775751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991775751113892}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.183,"stopwords_ratio":0.118,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU ÐEDZESI aɖe le ɣletivi sia si nɔa adzakpowo me le atsiaƒu me la ƒe ŋuti katã. Gadaglamakui siwo womate ŋu akpɔ kple ŋku ƒuƒlu o la le ɣletivi sia ƒe ŋuti katã, eye esia wɔe be eŋuti katã zu ŋku ƒokpli ɖeka.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lé ŋku ɖe ɣletivi sia ŋu la, wokpɔe be \"nu lɛlɛlɛ gbogbo aɖewo siwo me dza, eye woƒe titrime mede amegbetɔ ƒe taɖa nu o la le eŋuti katã le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu.\" (Natural History) Nu suesuesue (calcium carbonate) siawo siwo me dza la nye gadaglamakui siwo de ŋgɔ sãsãsã, eye woklẽna ɖe lãmeka siwo xɔa kekeli siwo le ɣletivia ƒe ayi te tututu la dzi. Gawu la, gadaglamakuiawo le nɔnɔme si sɔ me si wɔe be lãvi sia tea ŋu kpɔa nuwo nyuie.\nAtikedokpɔla Joanna Aizenberg gblɔ be ale si tsro si le ɣletivi ƒomevi sia ŋuti tea ŋu wɔa dɔ ƒomevi eve la \"ɖo kpe gɔmeɖose vevi sia dzi be, le nu gbagbe ŋutinunya me zi geɖe la, ele be woatrɔ asi le nuwo ŋu hafi wòate ŋu awɔ dɔ vovovowo.\"\nNu siwo numekulawo srɔ̃ tso ɣletivi ƒomevi sia ŋu la na wote ŋu to mɔnu bɔbɔe si melɔ ga geɖe zazã ɖe eme o la dzi zã calcium carbonate tsɔ wɔ gadaglamakui suesuesue vovovowo. Mɔ vovovo siwo nu wozãa ɣletivi ƒomevi sia ƒe ŋutete sia le dometɔ ɖekae nye nyatakakaxɔmɔnu, si me wozã elektrikka si me keklẽ tona bɔbɔe le.\nNu kae nèsusu? Ðe ale si ɣletivi ƒomevi sia ƒe ŋuti katã nye \"ŋku\" la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201305\/%C9%A3letivi-%C6%92e-%C5%8Buti\/","date":"2018-10-23T06:32:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583516071.83\/warc\/CC-MAIN-20181023044407-20181023065907-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993513227,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993513226509094}","num_words":267,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.—5 MOSE 6:5-7\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nŊgɔdonya","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2018-12-16T03:49:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376827252.87\/warc\/CC-MAIN-20181216025802-20181216051802-00280.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982289672,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982289671897888}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.292,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNusɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo\nMawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ\nSrɔ̃ nu tso ŋutinya sia si ku ɖe Axab, Izebel, Nabot kple Eliya ŋu la me. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu abe ɖe nèle eteƒe ene!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/mawu-si-tsri-nu-madz%C9%94madz%C9%94-w%C9%94w%C9%94\/","date":"2019-02-22T17:24:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-09\/segments\/1550247518497.90\/warc\/CC-MAIN-20190222155556-20190222181556-00505.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974916577,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974916577339172}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɖe xexeame\ntso wo couch bɔbɔe dzi\nMiehia wo kpekpeɖeŋu!\nAme million 400 za nɛ, Mozilla ƒe support xɔ megbedada tso dɔwɔlafemazeetɔwo gbɔ eye wonye nu vevie. Afisiae ne ge ɖe eme le.\nNukatae nye kpekpeɖeŋu hia?\nKpe ɖe ezala millionwo ŋu be woaxɔ nu lɔlɔtɔwo tso browser gbɔ. Wo nudzɔdzɔwo aɖo ezala millionwo gbɔ le xexeame godoo, eye ateŋu awɔe le wo couch bɔbɔe dzi!\nTia mɔnu be nakpɔ gome\nƉo biabiawo ŋu le support forum »\nŊlɔ̃ kpekpeɖeŋu ƒe articlewo »\nƉe kpekpeɖeŋu me ɖe wo gbewo me »\nTso miaŋu\nMozilla ƒe Support nye dɔwɔwɔfemaxeetɔwo kple dɔwɔlawo ƒe community siwo le agbagba dzem be yewoakpe ɖe ezalawo ŋu le xexeame godoo. Ge ɖe mia me be na xɔ nuwo!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-22","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/get-involved","date":"2019-05-21T15:23:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-22\/segments\/1558232256426.13\/warc\/CC-MAIN-20190521142548-20190521164548-00501.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959640503,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959640502929688}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE WÒFIA BE WOATSƆ AGBANƆAMEDZI?\nWotea ŋu kana ɖe ame siwo lɔ̃na tsɔa agbanɔamedzi la dzi. Woléa fɔ ɖe dɔ ŋu eye wowɔnɛ ɖe game dzi.\nÐevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ ale si woatsɔ agbanɔamedzi tso woƒe ɖevime. Agbalẽ aɖe (Parenting Without Borders) gblɔ be: \"Ne ɖevi xɔ ɣleti wuiatɔ̃ la edina be yeawɔ nu si ye dzilawo gblɔ, ne exɔ ɣleti wuienyi la, adi be yeasrɔ̃ ye dzilawo. Le dukɔ geɖe me la, ne ɖevi xɔ tso ƒe atɔ̃ va ɖo ƒe adre la, wo dzilawo dea aƒemedɔ aɖewo asi na wo tsɔ dzea wo mamla gɔme.\"\nNU KA TAE AGBANƆAMEDZI TSƆTSƆ HIÃ?\nWozãa nya \"dzidzime siwo yina ʋuu gatrɔna gbɔna\" tsɔ ɖɔa sɔhɛ siwo ʋu le aƒe me be yewoanɔ yewo ɖokui si gake agbea va kpeke wo si na wotrɔna vaa Papa kple Dada gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nu sia dzɔna elabe womesrɔ̃ ale si woazã ga, akpɔ aƒe dzi alo akpɔ gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ o.\nEya ta anyo be nàfia viwòa ne wòanya agbanɔamedzi siwo wòava tsɔ ne eva tsi. Agbalẽ aɖe (How to Raise an Adult) gblɔ be: \"Mèganɔ nu sia nu wɔm na wo va se ɖe esime woxɔ ƒe wuienyi eye nàtutu wo aɖo ɖa be woavae dze agbea gɔme o.\"\nFIA VIWÒA ALE SI WÒATSƆ AGBANƆAMEDZI\nDe aƒemedɔwo asi nɛ.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.\"—Lododowo 14:23.\nÐevi suewo dina be yewoanɔ yewo dzilawo ŋu awɔ dɔ. Àte ŋu awɔ didi sia si le viwòa me ŋu dɔ ade aƒemedɔ aɖewo asi nɛ.\nGake dzila aɖewo medina be yewoawɔe nenema o. Wogblɔna be sukudɔdeasi gbogbo aɖewo li kɔ ɖe wo dzi gbe sia gbe xoxo, eya ta nu ka tae yewoagatsɔ agba bubu akpee na wo?\nKe hã ɖevi siwo wɔa aƒemedɔwo la kpɔa dzidzedze le suku wu, elabena aƒemedɔwo wɔwɔ nana wosrɔ̃a ale si woaxɔ dɔdeasiwo eye woawɔ wo awu enu. Agbalẽa (Parenting Without Borders) gblɔ kpee be: \"Ne míeŋe aɖaba ƒu didi si le ɖeviawo me be yewoakpe asi ɖe aƒemedɔwo ŋu dzi esime wonye ɖeviwo la, wova susuna be mehiã be yewoakpe asi ɖe ame bubuwo ŋu o. . . . Azɔ hã wova nɔa mɔ kpɔm be woawɔ nu sia nu na yewo.\"\nAbe ale si agbalẽa ƒe nya fia ene la, aƒemedɔwo wɔwɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woaganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ woasrɔ̃ ale si woakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Aƒemedɔwo wɔwɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu wokpɔnɛ be yewowɔa akpa vevi aɖe le ƒomea me eye agba le yewo dzi be yewoawɔe.\nKpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe, ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.\"—Lododowo 19:20.\nNe viwò wɔ vodada aɖe—le kpɔɖeŋu me, egblẽ ame aɖe ƒe nane evɔ meɖoe o la, mègaɣla eta o. Na viwòa nakpɔ nu gbegblẽa me tsonu, le go sia me la, kpe ɖe eŋu wòaɖe kuku eye ne anya wɔ la wòaɖo nua teƒe.\nNe ɖevi kpɔe be ye gbɔe vodadaa tso la, asrɔ̃ nu tso eme be\nyeato nyateƒe alɔ̃ ɖe vodadawo dzi\nyeaganɔ fɔ bum ame bubuwo o\nyeaganɔ ye ɖokui nu ɖem o\nyeaɖe kuku, ne ehiã","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/ale-si-w%C3%B2ats%C9%94-agban%C9%94amedzi\/","date":"2019-06-25T03:29:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985743165,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985743165016174}","num_words":525,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa tso abɔ ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Eden. Seƒoƒowo, atiwo kple lãwo yɔ abɔ la me fũu. Emegbe Mawu tsɔ anyi mè ame gbãtɔ Adam, eye wògbɔ ya ɖe eƒe ŋɔti me. Ènya nu si va dzɔa? Ame la va zu ame gbagbe! Yehowa tsɔ abɔ la de asi na Adam, eye Mawu gblɔ nɛ be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo katã.\nYehowa de se vevi aɖe na Adam. Egblɔ na Adam be: 'Àte ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ati tɔxɛ aɖe tɔ ko màɖu o. Ne èɖu ati ma ƒe tsetse la àku.'\nEmegbe Yehowa gblɔ be: 'Mawɔ kpeɖeŋutɔ na Adam.' Eya ta Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi eye wòɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu nɛ. Nyɔnua ŋkɔe nye Xawa. Adam kple Xawa ye va nye ƒome gbãtɔ. Aleke Adam se le eɖokui me ɖe srɔ̃a ŋu? Dzi dzɔ Adam ale gbegbe be wògblɔ be: 'Kpɔ nu si Yehowa tsɔ nye agbaƒuti wɔ ɖa! Ahãa! Ame sia le abe nye ene.'\nYehowa gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi viwo ne woayɔ anyigba la dzi. Mawu di be woawɔ dɔ ɖekae ana anyigba bliboa nazu paradiso alo abɔ nyui aɖe abe Eden-bɔ ene. Gake nuwo meva yi nenema o. Nu ka tae? Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si gbɔna la me.\n\"Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe.\"—Mateo 19:4","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/1\/mawu-w%C9%94-adam-kple-xawa\/","date":"2019-06-19T03:36:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998882.88\/warc\/CC-MAIN-20190619023613-20190619045613-00411.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964282513,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964282512664795}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Ðe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa?\nMawunyakpukpui: Ps 103:20\nNya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso mawudɔlawo kple ale si wokpena ɖe mía ŋu la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya tsi tre ɖe Biblia ŋua?\nMawunyakpukpui: Yes 40:22\nNyateƒea: Nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la de pɛpɛpɛ.\nHAMEA ƑE KPEKPEWO ƑE AMEKPEGBALẼVI (inv)\nNya Si Nàgblɔ: Medi be makpe wò nàva se Biblia me nuƒo aɖe femaxee. Woaƒo nuƒoa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, afi si míedea ta agu le. [Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka nɛ, fia afi si gamea kple teƒea le le agbalẽvia dzi lae, eye nàyɔ nuƒoa ƒe tanya nɛ.]\nNyabiase: Ède Fiaɖuƒe Akpata aɖe me kpɔa? [Ne asɔ la, ɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-25T04:16:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978016615,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997801661491394}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpa si gbɔna la ƒo nu tso Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu. Wodzi Yesu ɖe ƒome tsɛ aɖe si nɔ du sue aɖe me la me. Eya kple fofoa si nye atikpala lae wɔ dɔ. Yesu ye ava ɖe amegbetɔwo. Yehowa ɖoe be wòanye Fiaɖuƒe si le dziƒo la ƒe Fia. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi hafi tia ƒome kple teƒe si Yesu anɔ atsi la ŋu. Ƒo nu tso ale si Yehowa kpɔ Yesu ta be Herodes mewui o kple ale si naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖo o hã ŋu. Fia ale si Yehowa de dɔ asi na Yohanes be wòadzra mɔ dzi ɖo na Yesu lae. Te gbe ɖe ale si Yesu ɖee fia tso ɖevime ke be yelɔ̃ Yehowa ƒe nunya la dzi.\nLE AKPA SIA\nNu ka tae wogblɔ na Elizabet srɔ̃ be magate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime wodzi ɖevia?\nEgblɔ gbedeasi aɖe na Maria si na nuwo trɔ le eƒe agbe me.\nMawudɔla siwo se gbeƒãɖeɖea wɔ nu kpata.\nFia vɔ̃ɖi aɖe di be yeawu Yesu.\nLe gbedoxɔa me la, nu kae wòwɔ si na nufialawo ƒe nu ku?\nEsi Yohanes tsi la, ezu nyagblɔɖila. Efia nu be Mesia la gbɔna. Aleke amewo wɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/11\/","date":"2019-06-21T00:06:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999291.1\/warc\/CC-MAIN-20190620230326-20190621012326-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976907969,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976907968521118}","num_words":224,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 4 va se ɖe March 3, 2019 la le tata sia me.\nNu kae nèsusu be Paradiso nye? Ðe nèle mɔ kpɔm nɛa?\nNu kae \"dziƒo etɔ̃lia\" si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Korintotɔwo 12:2 la fia?\nÐe nèkpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Kpɔ nu siwo dzi nèɖo ŋkui la ɖa.\nSusu ɖeka pɛ ka tae Kristotɔ aɖe ate ŋu agbe srɔ̃a eye wòavo aɖe ame bubu?\nXlẽ Jean-Marie Bockaert, si woa kple srɔ̃a, Danièle, wosubɔ le alɔdzedɔwɔƒea le France wòwu ƒe 50 la ƒe agbemeŋutinya.\nNu ene kawoe ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzedze le agbe me?\nAleke Psalmo 16 lia me nyawo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be agbea nadze edzi na wo fifia kple etsɔme siaa?\nNu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míele nɔnɔme siwo ɖea dzi le ame ƒo la me tom gɔ̃ hã?\nNyati siwo katã wota le Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! me le ƒe 2018 me, siwo woɖo ɖe woƒe hatsotso vovovoawo me la ƒe nyawo diƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2018\/","date":"2019-06-18T21:51:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00253.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966506958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966506958007812}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nDɔwɔƒe aɖe si kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ le United States ka nya ta be le ƒe ewo siwo va yi me la, dedienɔnɔgbɔkpɔla siwo le yameʋudzeƒewo xɔ degbanu miliɔn 50 sɔŋ le mɔzɔlawo si. Le ƒe 2011 ɖeɖe ko me la, dedienɔnɔgbɔkpɔlawo xɔ tu 1,200 le ame siwo va be yewoaɖo yameʋu la si. Ame siwo si woxɔ tuawo le la dometɔ geɖe gblɔ be ɖe yewoɖe ŋu ɖi tsɔ tua ɖe asi.\nBrazil\nSukutatɔwo va le elektrɔnik-mɔ̃ aɖe dem sukuviwo ƒe sukuwuwo ŋu bene yewoatsɔ atsi sukuviwo ƒe kpɔdometsitsi nu. Ne ɖevia va ɖo sukua la, elektrɔnik-mɔ̃a ɖoa nyatakaka ɖe edzila be eva ɖo, eye ne ɖevia tsi megbe miniti 20 kple edzivɔwo hafi va ɖo sukua la, mɔ̃a gaɖoa nyatakaka bubu ɖe edzila.\nNorway\nLuther Sɔlemeha la meganye Norway dukɔa ƒe subɔsubɔha o. Esiae nye zi gbãtɔ si Norway Sewɔƒemenɔlawo da akɔ hetrɔ asi le woƒe dukplɔsea ŋu eye wona ɖekawɔwɔ kplikplikpli si le Sɔlemeha kple Dukɔa dome la dzi ɖe kpɔtɔ.\nCzech Republic\nEsi wobia gbe Czech Republic dɔwɔlawo la, wo dometɔ eve le etɔ̃ me gblɔ be yewosena le wo ɖokui me be enye dzizizi na yewo be yewoaɖo kaƒoƒowo, Internet alo asitelefon dzi nyatakaka siwo ku ɖe yewoƒe dɔwɔnyawo ŋu la ŋu ne yewomele dɔ me o. Dɔwɔla siwo wu ɖeka le etɔ̃ me bunɛ be enye amemabumabu ne yewomeɖo nya ŋu na ameawo enumake o.\nIndia\nTogbɔ be nuɖuɖu siwo wokpɔna le India dukɔa me dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe le ƒe 20 siwo va yi me, eye woli kɔ mɔlu kple lu tɔn miliɔn 71 ɖi hã la, dukɔmeviwo ƒe nuɖunyawo gbɔ kpɔkpɔ zu avu kple kɔ. Nuɖuɖu siwo woli kɔ ɖi la ƒe agbɔsɔsɔ si ade 40 le alafa me koe Indiatɔwo tea ŋu kpɔna ɖuna. Nu siwo gbɔ kuxi sia tso la ƒe ɖewoe nye nu fitifiti wɔwɔ kple nuɖuɖuwo dome gbegblẽ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201305\/%C5%8Akul%C3%A9le-%C3%90e-Xexea-Me-%C5%8Au\/","date":"2019-06-27T10:20:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001089.83\/warc\/CC-MAIN-20190627095649-20190627121649-00426.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990364313,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999036431312561}","num_words":308,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yosiya Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yosiya ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yosiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yosiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012435\/univ\/art\/502012435_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yosiya\/","date":"2019-06-17T13:22:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982895851,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982895851135254}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɛ̃. Yehowa Ðasefowo xɔe se be Biblia bliboa \"tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.\" (2 Timoteo 3:16) Esia lɔ Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ɖe eme. Aleae amewo lɔ̃a Biblia ƒe akpa kple evea yɔyɔe. Gake Yehowa Ðasefowo ya lɔ̃a Nubabla Xoxoa yɔyɔ be Hebri Ŋɔŋlɔawo eye wolɔ̃a Nubabla Yeyea yɔyɔ be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Esi míedi be míana amewo nabu Biblia ƒe akpa aɖewo me nyawo be wodo xoxo alo womegasɔ na mí egbea o tae míeyɔa wo nenema ɖo.\nNu ka tae Kristotɔwo hiã Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea siaa?\nMawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Kristotɔ apostolo Paulo wòŋlɔ bena: \"Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.\" (Romatɔwo 15:4) Eya ta nufiame veviwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me na mí. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye ŋutinya siwo ɖea vi na mí kple aɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo.\nŊutinya siwo ɖea vi na mí. Xexemewɔwɔ kple amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me dzedze ƒe ŋutinyawo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ne ɖe womeŋlɔ ŋutinya ma ɖi o la, anye ne mímakpɔ ta na nyabiase siwo gbɔna o. Woawoe nye: Aleke míewɔ va dzɔ? Nu ka tae amegbetɔwo kuna? (1 Mose 2:7, 17) Gakpe ɖe eŋu la, woŋlɔ ale si Yehowa Mawu kpe ɖe amegbetɔ siwo ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo ŋu la ƒe ŋutinya ɖi le Hebri Ŋɔŋlɔawo me.—Yakobo 5:17.\nAɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ɖea vi na ame le agbenɔnɔ me ɣeawokatãɣi la le Lododowo kple Nyagblɔla ƒe agbalẽ siwo nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe la me. Woɖo aɖaŋu le nu si míawɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me (Lododowo 15:17), ale si míada asɔ le dɔwɔnyawo me (Lododowo 10:4; Nyagblɔla 4:6) kple ale si sɔhɛwo awɔ akpɔ dzidzedze le agbe me (Nyagblɔla 11:9–12:1) la ŋu.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, nusɔsrɔ̃ tso Mose ƒe Sea si le Torah (Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo) me ŋu ate ŋu aɖe vi na mí. Togbɔ be se ma mebla mí Kristotɔwo egbea o hã la, mɔfiame vevi aɖewo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le agbe me.—3 Mose 19:18; 5 Mose 6:5-7","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/x%C9%94-nubabla-xoxoa-kple-yeyea-dzi-se\/","date":"2019-06-19T07:09:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998923.96\/warc\/CC-MAIN-20190619063711-20190619085711-00525.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976847768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976847767829895}","num_words":337,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tsɔe be zi gbãtɔe nye ema nèyi dukɔ aɖe me. Èdo do go amewo eye èkpɔe be woƒe dekɔnuwo, nuɖuɖuwo kple ga si woɖuna siaa to vovo na miaƒe dukɔa me tɔwo. Ðewohĩ àtɔtɔ vie. Eye gɔmesese le eŋu.\nÐewohĩ àse le ɖokuiwò me nenema ke ne èxlẽ Biblia zi gbãtɔ. Awɔ na wò abe xexe si nɔ anyi le blema, si to vovo kura la mee nèyi ene. Le afi ma la, èdo go ame aɖewo siwo woyɔna be Filistitɔwo, eye èkpɔ dekɔnu siwo wɔ moyaa na wò. Le kpɔɖeŋu me, èkpɔe be amewo tea ŋu 'dzea awu' si le wo ŋu, èkpɔ nuɖuɖu aɖe si woyɔna be mana, eye èkpɔe hã be woyɔa woƒe gaku aɖe be drakma. (2 Mose 16:31; Yosua 13:2; 2 Samuel 3:31; Luka 15:9) Nu siawo katã ate ŋu ana nàtɔtɔ. Azɔ tsɔe be dukɔ aɖe mee wò ŋutɔ nèɖi tsa yi egbea; ɖe mado dzidzɔ na wò ŋutɔ ne ame aɖe kpe ɖe ŋuwò heɖe nuwo me na wò nyuie oa?\nALE SI WOKPE ÐE AMEWO ŊU LE BLEMA\nTso esime wodze Mawu ƒe Nya kɔkɔeawo ŋɔŋlɔ gɔme le ƒe alafa 16 lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, wokpe ɖe amewo ŋu wose nuŋlɔɖiawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Mose si nye Israel dukɔa ƒe kplɔla gbãtɔ la 'de asi nyawo me ɖeɖe me' na dukɔa.—5 Mose 1:5.\nLe ƒe alafa ewo siwo kplɔe ɖo me la, nufiala bibiwo gakpɔtɔ nɔ Ŋɔŋlɔawo fiam amewo. Le ƒe 455 D.Y. me la, Yudatɔwo ƒe ha gã aɖe, siwo dome ɖevi gbogbo aɖewo hã nɔ la, va kpe ta le Yerusalem-dua ƒe ablɔ me. Biblia-fialawo nɔ eteƒe eye 'woxlẽ agbalẽ kɔkɔe la sesĩe' na dukɔa. Ke hã nufialaawo wɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. \"Wona ameawo se nu si xlẽm wole la gɔme.\"—Nehemiya 8:1-8.\nƑe alafa atɔ̃ megbe la, Yesu Kristo hã va fia nu amewo nenema ke. Le nyateƒe me la, dukɔa nyae koŋ be nufialae wònye. (Yohanes 13:13) Efia nu amehawo kple ame ɖekaɖekawo siaa. Ɣeaɖeɣi la, efia nu ameha gã aɖe esime wògblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa, eye \"amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta.\" (Mateo 5:1, 2; 7:28) Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo esime wonɔ mɔ dzi yina kɔƒe aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu la me eye wònɔ \"Ŋɔŋlɔawo me ɖem na [wo] tsitotsito.\"—Luka 24:13-15, 27, 32.\nYesu ƒe nusrɔ̃lawo hã nye Mawu ƒe Nya fialawo. Gbe ɖeka, Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe nɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe xlẽm, eye nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Filipo te ɖe eŋu hebiae be: 'Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sema?' Eɖo eŋu be: \"Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?\" Eya ta Filipo ɖe ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si xlẽm wòle la me nɛ.—Dɔwɔwɔwo 8:27-35.\nALE SI WOLE KPEKPEM ÐE AMEWO ŊU EGBEA\nAbe Biblia-fiala siwo nɔ anyi le blema ene la, Yehowa Ðasefowo le Biblia-fiafiadɔ aɖe wɔm egbea le dukɔ 239 me le xexea me godoo. (Mateo 28:19, 20) Wokpena ɖe ame ɖekaɖeka siwo wu miliɔn asieke ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa be woase Biblia gɔme. Ame siwo le Biblia srɔ̃m la dometɔ geɖe menye Kristotɔwo o. Míetea ŋu srɔ̃a Biblia kpli wo le woawo ŋutɔwo ƒeme alo teƒe bubu aɖe si sɔ na wo. Ame aɖewo gɔ̃ hã dina be míasrɔ̃e kpli yewo le telefon dzi, alo míato kɔmpiuta alo tablɛt dzi asrɔ̃e kpli yewo to videokadodo dzi.\nEya ta míeɖe kuku, bia Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe faa ne wòaɖe ale si nàwɔ be ɖoɖo sia naɖe vi na wò la me na wò. Àkpɔe be Biblia menye agbalẽ si gɔme womate ŋu ase kura o, ke boŋ \"[enyo] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,\" ale be 'nàdze bliboe, eye nànɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.'—2 Timoteo 3:16, 17.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151201\/ale-si-n%C3%A0se-biblia-g%C9%94me\/","date":"2019-06-25T03:04:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999783.49\/warc\/CC-MAIN-20190625011649-20190625033649-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992135167,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992135167121887}","num_words":617,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣeyiɣi aɖe le Fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea kuku tso legba gãa ŋu megbe la, ewɔ sikalegba gã aɖe. Eli legba la ɖe Dura tagba eye wòna dukɔ la ƒe ame ŋkutawo va ƒo ƒu ɖe legbaa ŋkume, Sadrak, Mesak kple Abednego hã le wo dome. Fia la ɖe gbe be: 'Ne miese kpẽwo, saŋku kple dze nueveeawo ƒe ɖiɖi la, miabɔbɔ ade ta agu na sikalegba la! Ame si mabɔbɔ ade ta agu o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim vlavlavla la me.' Ðe Hebrivi etɔ̃awo abɔbɔ ade ta agu na legbaa loo alo woayi edzi asubɔ Yehowa ɖeɖe koa?\nFia la ɖe gbe be woaƒo haa. Ame sia ame bɔbɔ de ta agu na legba la, gake Sadrak, Mesak kple Abednego ya mewɔe o. Ame aɖewo kpɔ wo eye wogblɔ na fiaa be: 'Hebrivi etɔ̃ mawo gbe be yewomade ta agu na wò legba la o.' Nebukadnezar dɔ ame woyɔ wo vɛ eye wògblɔ na wo be: 'Mana mɔnukpɔkpɔ bubu mi be miade ta agu na legba la. Ne miegbe la, matsɔ mi aƒu gbe ɖe kpodzo la me. Mawu aɖeke mate ŋu axɔ na mi o.' Woɖo eŋu nɛ be: 'Mehiã be nàna mɔnukpɔkpɔ bubu mí o. Mía Mawu la ate ŋu axɔ na mí. Gake ne meɖe mí o hã la, Oo fia, míasubɔ wò legba la o.'\nNebukadnezar do dziku vevie. Egblɔ na eƒe ameawo be: 'Mido dzo ɖe kpodzoa me wòaxɔ dzo zi gbɔ zi adre wu ale si wodonɛ!' Eyome eɖe gbe na eƒe asrafoawo be: 'Mibla ŋutsu siawo miatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzoa me!' Kpodzoa xɔ dzo ale gbegbe be esi asrafoawo te ɖe eŋu la woku enumake. Hebrivi etɔ̃awo ge dze dzoa me. Gake esi Nebukadnezar do mo ɖa be yeakpɔ dzoa me ɖa la, ekpɔ ame ene le dzoa me ke menye ame etɔ̃ o, eye wonɔ zɔzɔm le dzoa me. Eƒe dzi lã kpo eye wòbia eƒe amegãwo be: 'Menye ame etɔ̃e míetsɔ ƒu gbe ɖe dzoa me oa? Mele ame ene kpɔm eye wo dometɔ ɖeka le abe mawudɔla ene!'\nNebukadnezar te ɖe dzoa ŋu eye wòdo ɣli gblɔ be: 'Mi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la subɔlawo, mido go!' Esi Sadrak, Mesak kple Abednego do go le dzoa me evɔ nu vevi aɖeke mewɔ wo o la, ewɔ nuku na ame sia ame. Naneke mewɔ woƒe ŋutilã, taɖa kple awu si wodo o, dzo meʋẽ le wo ŋu gɔ̃ hã o.\nNebukadnezar gblɔ be: 'Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu la lolo ŋutɔ. Edɔ eƒe dɔla ɖa wòva xɔ na wo. Mawu aɖeke mede woƒe Mawu la nu o.'\nÀdi be yeawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me abe Hebrivi etɔ̃awo enea?\n\"Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.\"—Mateo 4:10","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/sadrak-mesak-abednego\/","date":"2019-06-18T20:51:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00451.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980749488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980749487876892}","num_words":458,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÀWƆ?\nKpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Esi Tim nɔ bɔl ƒom la, èƒo bɔl la wòyi ɖagbã woƒe aƒelika aɖe ƒe fesre.\nNe wòe nye Tim ɖe, nu kae nàwɔ?\nTƆ NÀBU EŊU KPƆ!\nÀTE ŊU AWƆ NU ETƆ̃ SIAWO:\nA. Àsi adzo.\nB. Àbu fɔ ame bubu.\nD. Àgblɔ nu si dzɔ la na wò aƒelika ahadoe ɖe egbɔ be yeadzrae ɖo nɛ.\nÐewohĩ adzro wò be yeatia gbãtɔ. Gake edea ame dzi ɣesiaɣi ne míelɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi, eɖanye nue míegblẽ le ame aɖe ƒe fesre ŋu alo vodada bubu aɖee míewɔ o.\nSUSU ETƆ̃ SIWO TA WÒLE BE NÀLƆ̃ ÐE WÒ VODADAWO DZI\nEsiae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ.\nBiblia gblɔ be: \"Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.\"—Hebritɔwo 13:18.\nAmewo tsɔa ame siwo lɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi la ƒe agɔdzedze kea wo bɔbɔe.\nBiblia gblɔ be: \"Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.\"—Lododowo 28:13.\nVevietɔ wu la, edzea Yehowa Mawu ŋu.\nBiblia gblɔ be: \"Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.\"—Lododowo 3:32.\nKarina, si nye ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe 20 la, ku ʋu sesĩe akpa eye kpovitɔwo lée tsɔ tikiti nɛ be wòava xe fe, gake eɣla tikiti la ɖe tɔa. Ke hã, mete ŋu ɣlae ɖee ɖaa o. Karina gblɔ be: \"Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Papa va kpɔ tikiti la. Mede ɖokuinye nya gã aɖe me!\"\nNu kae wòsrɔ̃ tso eme? Karina gblɔ be: \"Ðeko vodadawo ɣaɣla gblẽa nyaa ɖe edzi boŋ. Àva nɔ enu godoo!\"\nALE SI NÀSRƆ̃ NU TSO WÒ VODADAWO ME\nBiblia gblɔ be: \"Mí katã míedaa vo zi geɖe.\" (Yakobo 3:2) Eye abe ale si míekpɔe ene la, ne míeʋua míaƒe vodadawo me enumake la, eɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokuiwo eye míenye nunyalawo.\nNu bubu si hiãe nye be nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vera gblɔ be: \"Medzea agbagba be mabu nye vodadawo be wonye nuteƒekpɔkpɔ nam, be masrɔ̃ nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wòakpe ɖe ŋunye manye ame ɖɔʋu wu eye ne megaɖo nɔnɔme ma tɔgbi me ake la, makpɔ nyawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu.\" Na míakpɔ ale si nàte ŋu awɔ esiae ɖa.\nÈɣe tɔwò ƒe gasɔ, eye wògblẽ. Nu kae nàwɔ?\nÀzi kpi ɖe edzi ahasusui be made dzesii o.\nÀgblɔ nu si tututu dzɔ la na tɔwòa.\nÀgblɔe nɛ be gasɔa gblẽ, gake abu fɔ ame bubu.\nMèɖu dzi le dodokpɔ me o, elabe mèsrɔ̃ nu o. Nu kae nàwɔ?\nÀgblɔ be dodokpɔa sesẽ akpa.\nÀlɔ̃ ɖe edzi be ye ŋutɔe mesrɔ̃ nu o.\nÀgblɔ be nufiala melɔ̃a yeƒe nya gbɔ o.\nAzɔ trɔ ɖe kpɔɖeŋu siwo va yi ŋu, eye nàtsɔe be wòe nye (1) tɔwòa alo (2) wò nufialaa. Aleke tɔwò alo wò nufiala abu wò ne èlɔ̃ ɖe wò vodada dzi? Eye aleke woabu wò ne mèlɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi o?\nAzɔ ɖo ŋku vo aɖe si nèda le ƒe si va yi me dzi eye nàɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu.\nVodada kae? Aleke nèwɔ nui?\nNyemelɔ̃ ɖe edzi o.\nMeda fɔbubua ɖe ame bubu dzi.\nMelɔ̃ ɖe edzi enumake.\nNe mèlɔ̃ ɖe wò vodada dzi o la, ke aleke nèva se le ɖokuiwò me emegbe?\nDzi dzɔm be meblee!\nNye dzitsinya ɖe fu nam, ɖe wòle be mato nyateƒe hafi.\nAleke wòle be nàwɔ nu le mɔ si sɔ wu nu?\nNu kae nèsrɔ̃ tso wò vodadaa me?\nNU KAE NÈSUSU?\nNu ka tae ame aɖewo melɔ̃na ɖe woƒe vodada dzi o?\nAleke amewo abu wò ne mèlɔ̃na ɖe wò vodada dzi o, eye aleke woabu wò ne èlɔ̃na ɖe wò vodada dzi?—Luka 16:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo-nya\/aleke-maw%C9%94-nu-ne-meda-vo\/","date":"2019-06-18T11:21:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00269.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986791611,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986791610717773}","num_words":628,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"China\nSrɔ̃gbelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi 41 le alafa me le ƒe 2013 ƒe ɣleti gbãtɔ va se ɖe asiekelia me le Beijing ne wotsɔe sɔ kplɔ ƒe 2012 ƒe ɣleti mawo ke tɔ. Numekulawo xɔe se be esi woda ɖe adzɔ siwo woxɔna le ame siwo dzraa woƒe aƒewo si la dzi teƒe 20 le alafa me nyitsɔ laa tae srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi kpata alea. Elabena woɖea adzɔ dzi kpɔtɔna na srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo siwo le woƒe aƒe evelia dzram la ya.\nXexea Me\nDukɔ Ƒoƒuawo gblɔ be woate ŋu akpɔ nu nyui makpɔɖui ƒe kuxia gbɔ ne ame geɖewo va le nudzodzoeviwo ɖum. Wobe wo ɖuɖu ade amegbetɔwo dzi elabena nunyiame geɖe le nudzodzoeviawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nudzodzoeviawo ɖua nu siwo me nunyiame le siwo amegbetɔwo mate ŋu aɖu tẽe o. Nyatakaka aɖe si woɖe ɖe go nyitsɔ laa gblɔ be wole mɔ kpɔm be nudzodzoevi siwo woɖuna la \"ɖuɖu ava xɔ ɖe lãɖuɖu teƒe.\" Gake nyatakaka ma ŋlɔlawo ke gblɔ hã be \"nuto aɖewo me tɔwo tsri [nudzodzoeviwo] ɖuɖu kura.\"\nCanada\nKɔdzi siwo kpɔa vidzinyawo gbɔ megava nya nu si tututu woawɔ kple fugboe siwo wotsɔ de nufamɔ̃ me da ɖi wòasɔ ahadze fiato adze gato o, elabena womenya afi si woake ɖe \"fugboawo tɔwo\" ŋu le o. Woka nya ta be le kɔdzi ɖeka pɛ ko la, fugboe 1,000 sɔŋ ye li evɔ \"fugboeawo tɔwo ŋutɔwo ya zu dze bu ɖe ama me.\"\nIreland\nVa se ɖe ƒe 2013 me la, dziɖuɖu alo sɔlemeha gbɔ koe Katolikotɔ siwo le Ireland ɖea srɔ̃ le. Gake le ƒe ma me la, wova ɖe mɔ ame siwo ƒe dzixɔsee nye be amegbetɔ mehiã subɔsubɔhawo o la hã va le srɔ̃ɖeɖe dzi kpɔm. Le Reuters dɔwɔƒea ƒe nya nu la, \"ame gbogbo siwo ŋlɔ ŋkɔ be yewoaɖe srɔ̃ evɔ manye le dziɖuɖu alo sɔlemehaa gbɔ o la na be dɔ va li kɔ ɖe\" srɔ̃ɖedɔwɔƒe yeye sia dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201406\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-25T05:59:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00220.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991588593,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991588592529297}","num_words":318,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zi nenie nègblɔ nya sia na ɖokuiwò alo na ame bubuwo kpɔ esi nèʋu magazine sia ƒe tata yeye aɖe? Wotrɔ asi le foto kple nɔnɔmetata dzeani siwo le eme la ŋu nyuie le taɖodzinu aɖe ta. Wonye nufiafiamɔnu siwo nana míedea ŋugble le nusɔsrɔ̃a ŋu eye wòwɔa dɔ ɖe mía dzi. Woate ŋu aɖe vi na mí geɖe, vevietɔ ne míedzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu hekpɔ gome le eme.\nLe kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso nu si tae wozã nɔnɔmetata si dze le nusɔsrɔ̃nyatia ƒe gɔmedzedze la ŋu. Nu ka fiam wòle mí? Aleke wòdo ƒome kple nyatia ƒe tanya alo mawunyakpukpui si dzi wotui ɖo? Bu ɖekawɔwɔ si le nɔnɔmetata ɖe sia ɖe kple nyati si me dzrom wole me kple ale si wòka wòe ŋu.\nEle be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nana mɔnukpɔkpɔ hamea be woaƒo nu tso nɔnɔmetata ɖe sia ɖe ŋu, ale be woagblɔ ale si wòwɔ ɖeka kple nusɔsrɔ̃a alo nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Le nɔnɔmetata aɖewo gome la, woŋlɔ memama si me woaƒo nu tso eŋu le la ɖe egbɔ. Le bubuwo gome la, nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ŋutɔe atso nya me le afi si wòasɔ le wu be woaƒo nu tso nɔnɔmetataa ŋu. Le mɔ sia nu la, ame sia ame akpɔ viɖe tso nɔnɔmetata siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe nuxlẽlaa ŋu wòakpɔ nufiame si tso Mawu ƒe Nyaa me le susu me la me.\nNɔviŋutsu aɖe gblɔe ale, \"Ne mexlẽ nyati wɔdɔɖeamedzi aɖe vɔ la, nɔnɔmetatawoe nana nyatia gavivina ɖe edzi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130715\/gbetakp%C9%94x%C9%94-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94metatawo\/","date":"2019-06-16T16:00:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998250.13\/warc\/CC-MAIN-20190616142725-20190616164725-00518.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993093014,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993093013763428}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!\"—PSALMO 133:1.\nSusu si tae ame aɖewo ɖua Kristmas.\nEsi wònye Israel viwo katã nye Yakob, si wogayɔna be Israel, ƒe dzidzimeviwo ta la, wonye \"nɔviwo\" alo ƒome ɖeka me tɔwo. Ne wokpe ta hena ŋkekenyuiwo ɖuɖu le Yerusalem la, aleke \"mehenyo, eye wòvivinae\" enye esi! Egbea hã, ƒome geɖewo kpɔa mɔ be yewoaƒo ƒu ɖekae 'ahase vivi' le Kristmas ɖuɣia.\nNu ka tae taɖodzinua gbɔ menya ɖona o?\nNumekugbalẽ aɖe (Encyclopedia of Christmas and New Year's Celebrations) gblɔ be: \"Zi geɖe la, ƒomekuxi siwo gbɔ womekpɔ le ƒea me o la va zua nya gãwo ne ƒometɔwo va ƒo ƒu ɖekae le azãɖuɣiwo.\"\nBiblia me nya kawoe ate ŋu aɖe vi?\n\"Woayi edzi aɖo eteƒe na wo dzilawo kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo.\" (1 Timoteo 5:4) Zi ale si wòanya wɔ ko la, nɔ wò ƒometɔwo srãm kpɔ edziedzi. Ne wò ƒometɔwo le didiƒe gɔ̃ hã la, miate ŋu anɔ kadodo me kple mia nɔewo edziedzi. Ðe manyo be nàŋlɔ agbalẽ na wo, aƒo ka, aɖo e-mail ɖe wo, alo aɖo dze kpli wo to Internet dzi oa? Kadodo edziedzi awɔe be masɔmasɔwo manɔ mo dom ɖa kabakaba o.\n\"Miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia me. . . . Miawo hã mikeke mia ɖokui.\" (2 Korintotɔwo 6:12, 13) Ne ƒe ɖeka zi ɖeka koe ame aɖe kpɔa eƒe ƒometɔwo la, ƒometɔwo va nɔna nɛ ko abe amedzrowo ene, vevietɔ le ɖeviwo gome. Ðevi aɖewo sena le wo ɖokui me be ƒomedodo gobi aɖeke mele yewo kple yewo tɔgbuiwo kple yewo mamawo alo ƒometɔ bubuwo dome o. Eya ta minɔ ƒometɔ tsitsiwo hã srãm kpɔ be miatsɔ ade dzi ƒo na mia viwo be 'woakeke wo ɖokui' le woƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia me. * Ðevi siwo dea ha kple ame tsitsiwo edziedzi la sea veve ɖe ame tsitsiwo nu wu, eye wodea asixɔxɔ wo ŋu hã.\n\"Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?\" (Lododowo 15:23) Nu kae nàwɔ be masɔmasɔwo nagahe kuxiwo ava ƒomea me o? Mɔ ɖekae nye be mialé nya veviwo kpɔ le 'wo gblɔɣi.' Ne kadodo nɔa mia kple ƒometɔwo dome edziedzi la, anɔ bɔbɔe be nàte ɖe wo ŋu be miadzra mia nɔewo dome ɖo ne masɔmasɔwo do mo ɖa. Esia awɔe be ne mieva ƒo ƒu la, mianɔ anyi 'nyuie ahase vivi' le hadede kple mia nɔewo me.\n^ mm. 9 Kpɔ nyati siwo nye \"Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?\" kple \"Aleke Mawɔ Mía Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?\" siwo dze le May 8 kple June 8, 2001 ƒe Nyɔ! me. Yehowa Ðasefowoe tae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/%C6%92omea-naw%C9%94-%C9%96eka\/","date":"2019-06-26T05:59:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000175.78\/warc\/CC-MAIN-20190626053719-20190626075719-00554.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984674454,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984674453735352}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE GEÐEWO va yi. Noa ƒe viŋutsuwo va dzi vi geɖewo. Eye wo viwo hã tsi hedzi vi geɖewo. Eteƒe medidi o amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi fũ.\nAmesiawo dometɔ ɖeka nye Noa ƒe tɔgbuiyɔvi, si ŋkɔe nye Nimrod. Enye ame vɔ̃ɖi aɖe, si da ade hewu lãwo kple amegbetɔwo siaa. Nimrod ɖo fia eɖokui hã be yeaɖu ame bubuwo dzi. Nimrod ƒe nu menyo Mawu ŋu o.\nAmesiwo katã nɔ anyi ɣemaɣi la gblɔ gbegbɔgblɔ ɖeka. Nimrod di be yeaƒo wo katã nu ƒu ɖeka be yeate ŋu aɖu wo dzi. Eyata ènya nusi wòwɔa? Egblɔ na ameawo be yewoatso du gã aɖe, eye mɔ̃ kɔkɔ aɖe nanɔ eme. Woawoe ma le kpewo mèm le nɔnɔmetata la me.\nYehowa Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe xɔtutu sia ŋuti o. Mawu di be ameawo naʋu adzo ahakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi. Gake amewo gblɔ bena: 'Miva afii! Mina míatso du, eye míatu mɔ̃ kɔkɔ aɖe, si tame natɔ dziƒo. Ekema míaxɔ ŋkɔ!' Ameawo di bubu na wo ɖokui, ke menye na Mawu o.\nEyata Mawu na ameawo dzudzɔ mɔ̃ la tutu. Ènya alesi wòwɔea? Eyae nye be, zi ɖeka kasia ena ameawo gblɔ gbegbɔgblɔ vovovowo, meganye ɖeka o. Xɔa tulawo megase wo nɔewo ƒe gbe gɔme azɔ o. Esia tae wova yɔ woƒe du la be Babel, alo Babilon, si gɔmee nye \"Tɔtɔ.\"\nAmeawo te dzodzo le Babel. Amewo ƒe ƒuƒoƒo, si gblɔna gbegbɔgblɔ ɖeka tɔgbi la dzo yi ɖanɔ teƒe ɖeka le anyigba la ƒe akpa bubuwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/babel-m%C9%94%CC%81-la\/","date":"2019-06-15T22:55:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997501.61\/warc\/CC-MAIN-20190615222657-20190616004657-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985725284,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985725283622742}","num_words":251,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Axɔ ame kawo nyuie? Ame sia ame si va míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo, ame yeyewo kple míaƒe ame nyanyɛwo siaa. (Ro 15:7; Heb 13:2) Woate ŋu anye mía nɔvi siwo tso dukɔ bubu aɖe me va loo alo nɔvi aɖe si gbɔdzɔ si megava kpekpe kpɔ o ƒe geɖe. Nenye wòe ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me? Màdi be woaxɔ ye nyuie oa? (Mt 7:12) Eya ta nu ka tae màdze agbagba be yeatsa le Fiaɖuƒe Akpataa me ado gbe na vavalawo do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze kple kpakpã megbe o? Esia ana kpekpea valawo naɖe dzi ɖi ahakpɔe be wolɔ̃ yewo eye esia hea kafukafu vɛ na Yehowa. (Mt 5:16) Enye nyateƒe be míate ŋu aɖo dze kple ame sia ame si va kpekpea kokoko ya o. Ke hã ame sia ame aɖe dzi ɖi ne mí katã míewɔ míaƒe akpa dzi. *\nMenye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖewo abe Ŋkuɖodzia ene koe míanyo dɔme na amewo o, ke boŋ míawɔe ɣesiaɣi. Ne ame yeyewo ŋutɔ kpɔ ale si Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fiana le nuwɔna ŋutɔŋutɔwo me la, aʋã wo woakafu Mawu eye woava wɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu dzadzɛa me.—Yh 13:35.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr3-9\/mix%C9%94-wo-nyuie\/","date":"2019-06-26T19:09:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000414.26\/warc\/CC-MAIN-20190626174622-20190626200622-00355.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977592826,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977592825889587}","num_words":187,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.166,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nRomania (Roumanie)\nOrganizaţia Religioasǎ Martorii lui Iehova\nCP 132\nOP 39\nRO-024330 BUCUREŞTI\nROMÂNIA\n+40 21-302-75-00\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 miniti 30 va se ɖe ŋdɔ ga 12 miniti 30 kple ŋdɔ ga 1 miniti 30 va se ɖe ɣetrɔ ga 5 miniti 30","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/romania\/","date":"2019-06-27T08:10:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001014.85\/warc\/CC-MAIN-20190627075525-20190627101525-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988384843,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998838484287262}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.29,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo kple Sila dzi ha tsɔ kafu Mawu esime wonɔ gaxɔ me. (Dw 16:25) Le míaƒe ŋkekeawo me, esime mía nɔviwo nɔ Sachsenhausen fuwɔamegaxɔ me le Nazi Germany kple esime wolé nɔviwo yi Siberia la, wodzi Fiaɖuƒehawo. Kpɔɖeŋu siawo ɖe ale si gbegbe Fiaɖuƒehawo do ŋusẽ mía nɔvi Kristotɔ siwo nɔ yometitiwo me tom la.\nEteƒe madidi o woaɖe 'Midzi Dzidzɔhawo' Na Yehowa hadzigbalẽa gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubu geɖewo me. Ne míaƒe asi ka mía tɔ ko la, míate ŋu asrɔ̃ haawo le ƒometadedeagu me ale be míalé wo me nyawo ɖe susu me. (Ef 5:19) Esia awɔe be gbɔgbɔ kɔkɔea naɖo ŋku wo dzi na mí ne dodokpɔwo va mía dzi. Fiaɖuƒehawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi. Woate ŋu ado ŋusẽ mí ne míele dodokpɔwo me tom. Eye ne dzi le mía dzɔm la, hawo me nya siwo dea dzi ƒo na ame la ana 'míadzi dzidzɔhawo' le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta. (1Kr 15:16; Ps 33:1-3) Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ míaƒe Fiaɖuƒehawo ŋu dɔ nyuie!\nMIKPƆ VIDEO SI NYE HA SI DO ŊUSẼ GAXƆMENƆLAWO. EYOME MÍAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNɔnɔme kawoe na Nɔviŋutsu Frost kpa ha aɖe?\nAleke haa do ŋusẽ nɔviawo le Sachsenhausen fuwɔamegaxɔa me?\nNɔnɔme kawo mee Fiaɖuƒehawo ate ŋu ado ŋusẽ wò le gbe sia gbe?\nFiaɖuƒeha kawoe nàdi be yealé ɖe susu me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr17-23\/fia%C9%96u%C6%92ehawo-doa-%C5%8Bus%E1%BA%BD-ame\/","date":"2019-06-18T19:16:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998813.71\/warc\/CC-MAIN-20190618183446-20190618205446-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951406717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951406717300415}","num_words":227,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu gblɔ be: \"Faa miexɔe, faa minae.\" (Mt 10:8) Míedoa asi ɖe Biblia alo míaƒe agbalẽwo ŋu o ale be míawɔ ɖe mɔfiame ma si me kɔ la dzi. (2Ko 2:17) Ke hã, nyateƒenya xɔasi siwo le Mawu ƒe Nyaa mee le agbalẽ siawo me. Wozãa ɣeyiɣi kple ga geɖe hafi taa agbalẽawo ɖona ɖe hameawo le xexea me godoo. Eya ta tsɔ esi ko nèhiã.\nNe dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔm nèle le kplɔ̃ ŋu gɔ̃ hãa, ɖɔ ŋu ɖo ne èle agbalẽwo nam amewo. (Mt 7:6) Mègatsɔ agbalẽawo na ame sia ame si tso eme va yina o, dze agbagba nàɖo dze kpli wo akpɔe ɖa be wodi be yewoaxlẽe ŋutɔŋutɔ hã. Ðe nàte ŋu aɖo nyabiase siwo le aɖakaa me dometɔ ɖeka teti ya ŋu be ɛ̃a? Ne mènya ne ame aɖe tsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ o la, anyo be nàna trakt amea. Gake ne ebia magazine alo agbalẽ bubu aɖe la, àte ŋu atsɔe anae faa.—Lod 3:27, 28.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb20-26\/%C9%96%C9%94-%C5%8Bu-%C9%96o-agbal%E1%BA%BDwo-mama-me\/","date":"2019-06-25T04:40:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995371103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995371103286743}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SEPTEMBER 25, 2014\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nNEW YORK—Le June 20 va se ɖe 22 kple June 27 va se ɖe 29, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefo gbogbo aɖewo va ƒo ƒu ɖe MetLife Bɔlƒoƒea le Ɣedzeƒe Rutherford le New Jersey hena \"Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!\" Dukɔwo Dome Takpekpe siwo woawɔ, eye wowɔ takpekpea le Eŋlisigbe kple Spainiagbe me.\nAme siwo de takpekpea le kwasiɖanuwuwu eveawo ƒe agbɔsɔsɔe nye 118,000, takpekpe gã eve siawo na míeɖo ŋku takpekpe gã siwo wowɔ kpɔ le New York du gãwo me ƒe geɖewoe nye ema va yi la dzi. Woto videokadodo dzi na ame 407,000 kple edzivɔ siwo ƒo ƒu ɖe nuto bubuwo me la hã kpɔ gome le wɔnaa ƒe akpa vevi aɖewo me si wɔe be ameawo katã ƒe agbɔsɔsɔ va nye 525,500.\nWɔnaa ƒe akpa geɖewo lɔ nuteƒekpɔkpɔwo wɔwɔ fia kple video siwo ɖe ale si Biblia me mɔfiamewo ɖea vie me la fia. Dɔdzikpɔhaa me tɔe ƒoa ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuƒo mamlɛtɔ. David Splane ye ƒo nu le takpekpe si wowɔ tso June 20 va se ɖe 22 me; eye Geoffrey Jackson ye ƒoe tso June 27 va se ɖe 29 dzi.\nWonyrɔ amewo le takpekpe siawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Ame siwo wonyrɔ le takpekpewɔƒeawo ƒe agbɔsɔsɔe nye 1,255, eye ame siwo wonyrɔ le teƒe bubu siwo amewo ƒo ƒu ɖoe nye ame 2,930 si wɔe be nyɔnyrɔxɔlawo katã ƒe agbɔsɔsɔ va le 4,185.\nVavalwo dometɔ aɖewo tso Argentina, Australia, Belize, Britain, Chile, Costa Rica, El Salvador, Germany, Greece, Guatemala, Honduras, Italy, Malaysia, Mexico, Nicaragua, Panama, Peru, Spain kple Venezuela.\nAƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela gblɔ be: \"Takpekpe sia ɖo ŋku takpekpe ɖedzesi si wowɔ le New York le ƒe 1958 me dzi na mía dometɔ geɖe. Le takpekpe siwo wowɔ le Yankee Stadium kple teƒe si woyɔna tsã be Polo Grounds la, valawo wu ame 253,000. Takpekpe siwo míewɔ le MetLife Bɔlƒoƒea le ƒe sia me la ɖe dzesi ŋutɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya me.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/yehowa-%C9%96asefowo-takpekpe-%C9%96edzesi-le-metlife-b%C9%94l%C6%92o%C6%92e\/","date":"2019-06-18T23:29:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998844.16\/warc\/CC-MAIN-20190618223541-20190619005541-00125.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983722568,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983722567558289}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu to nya siwo wògblɔ kple nu siwo katã wòwɔ dzi do Fofoa si le dziƒo la ɖe dzi. Yesu di be amewo nanyae be Mawu gbɔe yeƒe nyawo tso. Eya ta Ŋɔŋlɔawo dzie wòtua eƒe nufiafiawo ɖo eye wòyɔa nya tso wo me. Esi wokafu Yesu la, mexɔe ƒu akɔ o, ke boŋ ehe susu yi Yehowa dzi be eyae dze nɛ. Nu si nɔ vevie nɛ ye nye be wòawɔ dɔ si Yehowa de esi.—Yh 17:4.\nAleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu . . .\nne míele Biblia fiam ame aɖe alo le nu fiam le kplɔ̃a ta?\nne amewo kafu mí?\nne míele nya me tsom le ale si míazã míaƒe ɣeyiɣi ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept24-30\/yesu-do-fofoa-%C9%96e-dzi\/","date":"2019-06-26T16:37:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000367.74\/warc\/CC-MAIN-20190626154459-20190626180459-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998298347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982983469963074}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.\"\nNU SI TAE AME AÐEWO KEA ÐI: Togbɔ be ame aɖewo xɔ Mawu dzi se hã la, wosena le wo ɖokui me be ele adzɔge ʋĩi tso yewo gbɔ. Christina si tso Ireland la gblɔ be: \"Ðeko mebua Mawu be eyae wɔ nu sia nu. Gake nyemenyae o. Nyemese le ɖokuinye me kpɔ be mía kplii dome le kplikplikpli o.\"\nNYA SI MAWU ƑE NYA LA GBLƆ: Ne míese le mía ɖokui me be míetra mɔ la, Yehowa ya megblẽa mí ɖi o. Yesu wɔ ale si Mawu tsɔa ɖe le eme na mí la ƒe kpɔɖeŋu ale: \"Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu mɔ la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si le mɔ bum la oa?\" Nufiame kae le eme na mí? Yesu gblɔ be: \"Nenema kee menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.\"\n\"Ðevi sue siawo dometɔ\" ɖe sia ɖe le vevie na Mawu. Aleke Mawu dia 'wo dometɔ ɖeka si bu la'? Mawunyakpukpui si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la fia be, Yehowa hea amewo ɖe eɖokui ŋu.\nBu afɔ siwo Mawu ɖe tsɔ he dzianukwaretɔwo ɖe eɖokui ŋu la ŋu kpɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, Mawu dɔ Kristotɔ Filipo ɖa be wòadze Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si le tasiaɖam me yina la yome eye wòaɖe Biblia me nyagblɔɖi aɖe si xlẽm amegãa nɔ la me nɛ. (Dɔwɔwɔwo 8:26-39) Ɣebubuɣi la, Mawu bia tso Petro si be wòayi Roma-srafomegã si ŋkɔe nye Kornelio, la ƒeme; enye ame si doa gbe ɖa hedzea agbagba be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Dɔwɔwɔwo 10:1-48) Mawu dɔ apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo hã ɖe tɔsisi aɖe to le Filipi dugãa godo. Esi woyi la, wodo go nyɔnu aɖe si nye \"mawusubɔla\" si ŋkɔe nye Lidia la le afi ma, eye \"Yehowa ʋu eƒe dzi gbadzaa be wòalé to ɖe nya . . . la ŋu.\"\nLe go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ su ame siwo le edim la si woke ɖe eŋu. Ame kawoe yia amewo ƒeme egbea alo tena ɖe wo ŋu le ablɔdzi be yewoagblɔ Mawu ŋuti nyateƒe si le Biblia me la na wo? Ame geɖe aɖo eŋu be, \"Yehowa Ðasefowoe.\" Azɔ bia ɖokuiwò be, 'Ðe wòanye be Mawue le wo dɔm ɖe gbɔnyea?' Míele dzi dem ƒo na wò be nàdo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ agbagba si dzem wòle be yeahe wò ɖe ye ɖokui ŋu la adze sii. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140801\/mawu-le-y%C9%94w%C3%B2m\/","date":"2019-06-17T00:34:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998339.2\/warc\/CC-MAIN-20190617002911-20190617024911-00077.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987928271,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998792827129364}","num_words":445,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anɔ eme be ènya ame aɖe si ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ\nLe nyateƒe me la, Ƒomeɖoɖowo Wɔha si le Spain ka nya ta be: \"Akɔntabubu ɖee fia be ame siwo katã ɖea srɔ̃ [le Europa] ƒe afã gbea wo nɔewo.\" Aleae nɔnɔmea le le dukɔ deŋgɔ bubuwo hã me.\nSESELELÃME ÐEFUNAMEWO\nNu ka gbɔe esia tsona? Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola kpɔnuteƒe aɖe si le Ɣedzeƒe Europa gblɔ be: \"Srɔ̃gbegbe nye agbalẽwɔwɔ ɖe nu si dzɔ xoxo dzi le setɔwo gbɔ\nNɔvinyɔnu Ewa gblɔ le ale si wòse le eɖokui me va yi ŋu be: \"Ŋu kpem vevie le srɔ̃gbegbea megbe, nye aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo tsɔ megbeŋkɔ nam be 'atsugbela.' Medoa dɔmedzoe zi geɖe. Esi srɔ̃nye gblẽ mía vi sue eveawo ɖe dzinye ta la, meva zu tɔ kple nɔ siaa na ɖeviawo.\" * Nɔviŋutsu Adam nye hamemetsitsi ƒe 12 sɔŋ la gblɔ be: \"Bubu klo le ŋunye ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi medoa dziku helĩhelĩ, eye nyemegadina be magogo ame aɖeke o.\"\nƲLI SESĨE NÀGBƆ VA ÐOKUIWÒ ME\nTogbɔ be ƒe geɖe va yi tso esime ame aɖewo gbe wo nɔewo hã la, wogatsia dzodzodzoe ɖe ale si etsɔme ava nɔ na wo ŋu, eye wòle sesẽm na wo be woagbugbɔ ava wo ɖokui me. Ate ŋu awɔ na wo be amewo megatsɔa ɖeke le eme na yewo o. Nyɔnu aɖe si ŋlɔa nu tso srɔ̃gbegbe ŋu gblɔ be: \"Ele be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu eye woasrɔ̃ ale si woakpɔ kuxiwo gbɔ le wo ɖokui si.\"\nNɔviŋutsu Stanisław gblɔ be: \"Esi míegbe mía nɔewo la, srɔ̃nye xoxoa meɖea mɔ nam be mava kpɔ vinye nyɔnuvi sue eveawo ɖa o. Esia na mesena le ɖokuinye me be amewo megatsɔ ɖeke le eme nam o, eye be Yehowa hã gblẽm ɖi. Agbenɔnɔ megadzroam o. Gake emegbe meva kpɔe be nyemenɔ nuwo ŋu bum nyuie o.\" Nɔvinyɔnu Wanda, si kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo, eye eya hã tsia dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu la gblɔ be: \"Ewɔ nam be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo\nNya siawo ɖee fia be srɔ̃gbegbe nana amewo toa nuxaxa kple vevesese geɖe me. Ate ŋu ana woada wo ɖokui ɖe anyi ahasusui be yewomegaɖi naneke le amewo ŋkume o. Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu anɔ nya hem ɖe amewo ŋu madzemadzee. Esia ate ŋu ana woava nɔ hamea me tɔwo bum be womeléa be na ame alo sea veve ɖe ame nu o. Gake abe ale si Stanisław kple Wanda ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia ene la, nɔvi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ tea ŋu va kpɔnɛ emegbe be hamea tsɔa ɖe le eme na yewo vevie. Le nyateƒe me la, haxɔsetɔwo ɖea ɖetsɔleme fiaa wo nɔvi siawo etɔxɛe, nenye be woawo mekpɔ esia dze sii gbã o gɔ̃ hã.\nNE WOTSI AKOGO\nTogbɔ be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míakpe ɖe haxɔsetɔ siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ ŋu hã la, woate ŋu anɔ sesem le wo ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be yewotsi akogo. Vevietɔ nɔvinyɔnu si srɔ̃a gbee ate ŋu asusu be ame geɖe megatsɔa ɖeke le eme na ye o. Alicja gblɔ be: \"Ƒe enyie nye esi va yi tso esime míegbe mía nɔewo. Ke hã megasena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nyemele ɖeke me o. Le ɣeyiɣi mawo me la, medzroam be manɔ amewo dome o, mefaa avi, eye nye nu wɔa nublanui na ɖokuinye.\"\nTogbɔ be ame geɖe toa nɔnɔme siawo tɔgbi me hã la, Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míaganɔ mía ɖokui ɖem ɖe aga o. Mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga fia be míele tsitre tsim ɖe \"nunyanyawo katã ŋu.\" (Lod. 18:1) Gake ele be ame si tsi akogo nanya be, nunya manɔ eme be wòanɔ aɖaŋuɖoɖo kple akɔfafa dim tso ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ gbɔ enuenu o. Esia ana wòaƒo asa na dzodzro siwo mesɔ o la nyɔnyɔ ɖe eɖokui me.\nNe mía nɔvi siwo srɔ̃wo gbe wo alo wogbe wo srɔ̃wo la tsi akogo, ne wosusu be womegatsɔa ɖeke le eme na yewo o, alo ne wotsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu la, ele be míadze agbagba ase woƒe seselelãmea gɔme na wo, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene, eye míawɔ mía tɔ sinua akpe ɖe wo ŋu. (Ps. 55:23; 1 Pet. 5:6, 7) Míeka ɖe edzi be ame siawo akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si hamea me tɔwo nana wo abe xɔlɔ̃ vavãwo ene la ŋu.\n^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140615\/ne-sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e-me-gbl%E1%BA%BD\/","date":"2019-06-27T07:00:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000894.72\/warc\/CC-MAIN-20190627055431-20190627081431-00319.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987119436,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987119436264038}","num_words":713,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MANASE\nYehowa na Asiriatɔwo va lée eye wode kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babilon\nEƑE DZIÐUÐU, DO ŊGƆ NA ELÉLE\nEɖi vɔsamlekpuiwo na alakpamawuwo\nEtsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe\nEkɔ ʋu maɖifɔwo ɖi\nEdo gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ le dukɔ bliboa me\nEƑE DZIÐUÐU, ESI WOÐE ASI LE EŊU\nEbɔbɔ eɖokui vevie\nEdo gbe ɖa eye wòsa vɔwo na Yehowa\nEɖe alakpamawuwo ƒe vɔsamlekpuiwo ɖa\nEde dzi ƒo na dukɔa be woasubɔ Yehowa\nYOSIYA\nLE EƑE DZIÐUƔI KATÃ\nEdi Yehowa\nEkɔ Yuda kple Yerusalem ŋu\nEɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo; eke ɖe Segbalẽ la ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i11-17\/dzimet%C9%94tr%C9%94-vav%C3%A3-fia-manase-yosiya\/","date":"2019-06-26T11:48:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000306.84\/warc\/CC-MAIN-20190626114215-20190626140215-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956251383,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956251382827759}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE AME AÐE LE DƆ LÉM ATRAÐII ALO ZU NUWƆAMETƆ LA ATE ŊU ANA AMEA MAKPƆ DZIDZƆ O. Esi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ulf, si nɔ lãmesẽ me tsã va tsi teƒe ɖeka la, egblɔ be: \"Nu te ɖe dzinye vevie. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, dzi ɖe le ƒonye eye . . . mese le ɖokuinye me be 'evɔ nam.'\"\nNu si dzɔ ɖe Ulf dzi na míekpɔe be mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adze dɔ. Ke hã míate ŋu awɔ nu vevi aɖewo atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta. Gake ne edzɔ be míaƒe lãme le gbegblẽm ɖe edzi ɖe? Ðe ema ana míado kpo dzidzɔkpɔkpɔa? Abe ale si míava kpɔe ene la, mele be wòayi alea o. Gbã la, na míade ŋugble tso mɔfiame aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ lãmesẽ me la ŋu.\n'DA SƆ LE NUWƆNA ME.' (1 Timoteo 3:2, 11) Nu tsu ɖuɖu alo aha tsu nono agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu eye egblẽa ga dome na ame hã. \"Mèganɔ aha tsu nolawo kple lã tsu ɖulawo dome o, elabena ahamula kple nu tsu ɖula la, ada ahe.\"—Lododowo 23:20, 21.\nMÈGAƑO ÐI WÒ ŊUTILà O. \"Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.\" (2 Korintotɔwo 7:1) Ame siwo ɖua atama alo yɔnɛ alo mua aha alo zãa atike vɔ̃ɖiwo la le ɖi ƒom woƒe ŋutilãwo. Le kpɔɖeŋu me, Dɔléle Nutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe si le Amerika gblɔ be, atamanono \"nana woléa dɔ vovovowo eye ame zua nuwɔametɔ eye wògblẽa nu le dzitodzito, aklã kple lãmenu vevi bubuwo katã kloe ŋu.\"\nBU WÒ ŊUTILà KPLE WÒ AGBE BE WONYE NUNANA XƆASIWO. \"[Mawue] na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.\" (Dɔwɔwɔwo 17:28) Ne míelɔ̃ ɖe nya ma dzi la, aʋã mí be míade míaƒe agbe afɔku me le dɔ me, ne míele ʋu kum alo le modzaka si míaɖe tiam o. Viɖe kae wòanye ne ame aɖe di be yease vivi ɣeyiɣi vi aɖe ko gake wòazu nuwɔametɔ emegbe?\nMÈGANƆ DZIKU DOM KABAKABA O. Kadodo kplikplikpli le wò susu kple ametia dome. Eya ta dze agbagba nàɖu dzimaɖitsitsi, dziku, ŋuʋaʋã kple seselelãme gbegblẽ bubuwo dzi. Psalmo 37:8 gblɔ be: \"Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.\" Ŋɔŋlɔ bubu gblɔ be: \"Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.\"—Mateo 6:34.\nNA WÒ SUSU NANƆ NU NYUIWO ŊU. Lododowo 14:30 gblɔ be: \"Dzi fatu naa agbe ametia.\" Biblia gagblɔ be: \"Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.\" (Lododowo 17:22) Nya ma wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nyawo. Ðɔkta aɖe si le Scotland gblɔ be, \"ne dzi dzɔa wò la, ekema anɔ eme be le etsɔme la, mava nɔ dɔ lém abe ame siwo mekpɔa dzidzɔ o la ene o.\"\nSRƆ̃ ALE SI NÀNƆ TE ÐE NU NU. Abe Ulf, si ƒe nya míegblɔ va yi ene la, ɖewohĩ naneke meli si míawɔ tso míaƒe kuxi aɖe ŋu wu be míado dzi anɔ te ɖe enu o. Ke hã, míate ŋu adi mɔ siwo dzi míato ado dzi. Dzi ɖena le ame aɖewo ƒo vevie, si gblẽa nyaa ɖe edzi. Lododowo 24:10 gblɔ be: \"Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.\"\nGake ɖewohĩ le ame aɖewo gome la, dzi ɖena le wo ƒo vie gake emegbe ŋusẽ gaɖoa wo ŋu. Wotrɔna ɖe nɔnɔmea ŋu. Wodia mɔ siwo dzi woato ado dzi. Aleae wònɔ le Ulf gome. Egblɔ be esi yedo gbe ɖa zi geɖe eye yede ŋugble le Biblia me nyawo ŋu la, \"yeƒe susu va nɔ nu siwo yeate ŋu awɔ ŋu tsɔ wu kuxiawo.\" Azɔ hã, abe ale si wòle le ame siwo to kuxi sesẽwo me gome ene la, esrɔ̃ nublanuikpɔkpɔ kple veveseɖeamenu eye esia ʋãe wògblɔ akɔfanamenya siwo le Biblia me la na amewo.\nAme bubu aɖe hã si to kuxi sesẽwo mee nye Steve. Esi wòxɔ ƒe 15 la, edze afɔku si na wòtu tso eƒe kɔ gbɔ va ɖo afɔgɔme. Esi wòxɔ ƒe 18 la, ŋusẽ va ɖo eƒe abɔwo ŋu. Eyi yunivɛsiti eye le afi maa ezã atike vɔ̃ɖiwo, enoa aha eye wòƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Mɔkpɔkpɔ bu ɖee, gake esi wòva dze Biblia sɔsrɔ̃ la, eƒe agbenɔnɔ va trɔ eye esia na wòdzudzɔ agbe vlo nɔnɔ. Egblɔ be \"Nye agbe megale abe tsã ene o, taɖodzinu va le eŋu. Fifia mele ŋutifafa me, mele dzidzɔ kpɔm eye nye dzi dze eme.\"\nSteve kple Ulf ƒe nyawo na míeɖo ŋku Psalmo 19:7, 8 me nyawo dzi. Afi ma gblɔ be: \"Yehowa ƒe se de blibo, enana ŋusẽ gaɖoa ame ŋu. . . . Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sedede dza, enana ŋku dzi kɔna.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/nu-si-nana-wokp%C9%94a-dzidz%C9%94-l%C3%A3mes%E1%BA%BDmen%C9%94n%C9%94\/","date":"2019-06-17T22:45:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998581.65\/warc\/CC-MAIN-20190617223249-20190618005249-00151.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971100688,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971100687980652}","num_words":763,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame siwo ade 300 sɔŋ ye le Dziehe Ƒua ƒe ƒukpo suesue siwo woyɔna be Halligen dzi, le Germany ƒe ɣetoɖoƒe ƒutanuto si nye Schleswig-Holstein gbɔ lɔƒo. Aleke ame mawo wɔna sea Biblia me gbedeasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe?—Mateo 24:14.\nÐasefoawo ɖoa tɔdziʋu yia ƒukpo sueawo dometɔ aɖewo dzi. Be woaɖo ame siwo le ƒukpo sue bubuawo dzi gbɔ la, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe zã mɔnu bubu—wozɔna abe kilometa atɔ̃ ene to atsiaƒua ƒe tɔʋu me. Aleke wote ŋu wɔa esiae?\nƑua Ðɔna Gamiena\nNu si kpena ɖe wo ŋue nye be ƒua ɖɔna gamiena. Dziehe Ƒua ƒe akpa si le Halligen ƒukpoawo ƒe nutowo me la ɖɔna gaƒoƒo ade eye wògamiena gaƒoƒo ade. Ete ŋu miena abe meta etɔ̃ sɔŋ ene. Ne tsia mie la, ƒugɔmenyigbaa ƒe akpa gãtɔ dzena, eye Ðasefoawo te ŋu zɔa afɔ yia ƒukpo suesueawo dometɔ etɔ̃ dzi.\nAleke mɔzɔzɔ sia nɔna? Ulrich, ame si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le mɔ sia zɔzɔ me eye wòxɔa ŋgɔ na ƒuƒoƒoa gblɔ be: \"Exɔa gaƒoƒo eve hafi míeɖoa Halligen ƒukpoawo dometɔ ɖeka dzi. Afɔ ƒuƒlu ko míezɔna zi geɖe. Esiae nye mɔ nyuitɔ kple bɔbɔetɔ wu ne míele tɔʋua me zɔm. Le vuvɔŋɔlia, míedoa afɔkpa glodzowo.\"\nWokpɔa nu wɔmoya geɖewo le mɔa dzi. Ulrich gblɔ be: \"Àwɔ na wò abe ɣletinyigba bubu aɖe dzie nèle ene. Ƒua gɔme ƒe teƒe aɖewo nye ba sɔŋ, kpewo xɔ teƒe bubuwo hã keŋ, eye atsiaƒumegbewo hã to ɖe teƒe aɖewo. Àkpɔ ƒutaxevi gbogbo aɖewo, agalãwo, kple lã ƒomevi bubuwo.\" Ɣeaɖewoɣi la, wotsoa tɔʋu suesue siwo me tsi xa ɖo le teƒe siwo ɖe ʋe, si woyɔna le Germangbe me be Priele.\nAme siwo zɔa mɔ sia la doa go kuxi aɖewo. Ulrich xlɔ̃ nu be: \"Ele bɔbɔe be ame nabu, vevietɔ ne afu do ɖe mɔa dzi. Eya ta míezãa taɖoƒefianu kple GPS-mɔfianu, eye míezɔna ɖe game dzi pɛpɛpɛ ale be atsiaƒua nagaɖɔ alé mí o.\"\nÐe nu nyuiwo le dodom tso woƒe agbagbadzedzewo mea? Ulrich ƒo nu tso ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 90 kple edzivɔ eye wòxlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! edziedzi ŋu. Egblɔ be: \"Gbe ɖeka, esi ɣeyiɣia tsi tre ɖe mía ŋu ta míete ŋu ɖo ŋutsua gbɔ o. Gake kaka míe be míadzoa, ŋutsua le gasɔ dzi va tu mí hebia be: 'Miele nye Gbetakpɔxɔ nagem egbea oa?' Alea wòdzɔe be mɔnukpɔkpɔ su mía si míetsɔ ɖe nɛ kple dzidzɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-le-dziehe-%C6%92ua-%C6%92e-%C6%92ukpowo-dzi\/","date":"2019-06-17T18:49:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998558.51\/warc\/CC-MAIN-20190617183209-20190617205209-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991232753,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991232752799988}","num_words":393,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðikeke mele eme o be Ezekiel anya kpɔ nyitsu kple dzata toaʋala siwo ƒe tawo nye amegbetɔ ƒe ta ƒe kpetata gãwo le fiasãwo kple gbedoxɔwo ƒe mɔnu kpɔ. Kpetata siawo tɔgbi bɔ ɖe blema Asiria kple Babilonia. Anɔ eme be kpetata siawo siwo dometɔ aɖewo kɔ abe afɔ 20 ene la kpɔkpɔ wɔ nuku na Ezekiel abe ame bubuwo ke ene. Ke hã aleke kee kpetata siawo dze nu siwo ŋu ŋusẽ le o, agbe mele wo me o, kpetata koe wonye.\nTo vovo na kpetata siawo la, nu gbagbe ene siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye \"nu gbagbe\" ŋutɔŋutɔwo. Vovototo gã kae nye esi le wo dome! Esi Ezekiel kpɔ wo la, wowɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòyɔ \"nu gbagbe\" zi 11 sɔŋ le eƒe nyagblɔɖia ƒe gɔmedzedze. (Eze. 1:5-22) Nu gbagbe ene siwo zɔna ɖe du si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me, siwo le anyime vie na Mawu ƒe fiazikpuia la anya na wòkpɔe kɔtɛ be Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔwɔwo katã dzi. Egbea hã ŋutega ma nana míekpɔa Yehowa ƒe gãnyenye kple ŋusẽ kpakple ale si eƒe dziɖulagãnyenye keke tae la dzea sii.—1 Kron. 29:11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/men%C9%94-nu-gbagbeawo-kp%C9%94m\/","date":"2019-06-16T08:14:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996013701,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960137009620667}","num_words":189,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nye Agbemeŋkeke Vevitɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka\"\nDZIÐUÐU ƒe dɔwɔƒe si kpɔna blanuiléle ƒe kuxiwo gbɔ le Australia, gblɔ be: \"Blanuilélee nye kuxi si ŋu wokaa nya ta le edzidzi wu, eye anɔ eme be eyae nye susumedɔ vevitɔ kekeake si ɖea fu na sɔhɛwo wu.\" Numekukuwo ɖee fia be blanuiléle ɖea fu na sɔhɛ siwo ƒe xexlẽme anɔ abe 100,000 ene ƒe sia ƒe le Australia.\nSɔhɛ Kristotɔwo meto le blanuiléle ƒe nya sia me o. Gake Yehowa dzixɔxɔse kpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu be woɖu blanuiléle ƒe seselelãmewo dzi eye wokpɔ dzidzedze le woƒe sɔhɛmenɔɣiwo me. Woto esia wɔwɔ me kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzi. Le mɔ ka nu?\nDe ŋugble tso Claire, si xɔ ƒe 18, ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Woa kple dadaa wobɔa ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe le Melbourne. Claire lé blanui vevie, esime fofoa dzo hegblẽ ƒomea ɖi. Gake ekpɔtɔ lé eƒe Dziƒofofo, Yehowa, dzixɔxɔse me ɖe asi sesĩe. Gbeɖeka, Lydia, si nye ɖɔkta si kpɔa woƒe ƒomea ƒe lãmesẽnyawo gbɔ la, va srã wo kpɔ be yeado Claire dada si ƒe lãme gblẽ la akpɔ. Emegbe etsɔ Claire ɖe ʋu me dɔmenyotɔe yi fiase si me wòyina asi ƒle ge le. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, ebia Claire be ahiãvi le esi hã. Claire ɖe eme nɛ be le esi yenye Yehowa Ðasefo ta la, yemeɖoa gbe ɖi kple ŋutsuviwo yakayaka o. Esia wɔ nuku na ɖɔkta la. Azɔ Claire ɖe alesi Biblia kpe ɖe eŋu be wòwɔ nyametsotso nyuiwo le agbe me la gblɔ nɛ. Mlɔeba la, Claire do ŋugbe na ɖɔktaa be yeatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe si kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ la dometɔ ɖeka vɛ nɛ. Agbalẽa ƒe tanyae nye Questions Young People Ask—Answers That Work.\nLe agbalẽa xɔxɔ ƒe ŋkeke etɔ̃ megbe la, Lydia ƒo ka na Claire dada hegblɔ alesi gbegbe wòkpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽa xexlẽ ŋui nɛ. Emegbe ebia be woatsɔ agbalẽa ade sɔŋ vɛ na ye yeatsɔ ana ye xɔlɔ̃ aɖewo. Esi Claire tsɔ agbalẽawo yi nɛ la, ɖɔktaa gblɔ alesi gbegbe Claire ƒe xɔse wɔ dɔ ɖe ye dzii la nɛ. Claire gblɔ nɛ be yeadi be yeasrɔ̃ Biblia kplii, eye ɖɔktaa lɔ̃ ɖe edzi.\nClaire srɔ̃ nua kple ɖɔktaa le eƒe ŋdɔnuɖuɣiwo hena ɣleti geɖe. Emegbe Lydia bia Claire nenye be alɔ̃ be yeaƒo nu le numedzrokpekpe aɖe me ku ɖe sɔhɛwo ƒe blanuiléle ŋu. Togbɔ be Claire vɔ̃ vie hã la, elɔ̃. Ame 60 kple edzivɔwoe va numedzrokpekpea wɔƒe. Susumedɔdala bibi ene—siwo katã nye ame tsitsiwo la—ƒo nu na vavalawo. Emegbe eɖo Claire dzi be wòaƒo nu. Ete gbe ɖe alesi wòle vevie be ƒomedodo nanɔ sɔhɛwo kple Mawu domee dzi. Eɖe eme be Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na sɔhɛwo vevie ŋutɔ eye wòkpena ɖe amesiwo katã trɔna ɖe eŋu hena kpekpeɖeŋu kple akɔfafa la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, eƒo nu tso alesi wòka ɖe edzii be eteƒe madidi o Yehowa ava ɖe ŋutilã kple susu me dɔlélewo katã ɖa ŋu. (Yesaya 33:24) Nukae do tso ɖaseɖiɖi nyui sia me?\nClaire gblɔ be: \"Wo dometɔ geɖe te ɖe ŋunye le kpekpea ƒe nuwuwu, hegblɔ alesi wòwɔ dɔ ɖe wo dzii be sɔhɛ aɖe naƒo nu tso Mawu ŋu nenema la nam. Mena Young People Ask ƒe agbalẽa ɖekaɖeka 23. Ðetugbi etɔ̃ siwo nɔ vavalawo dome tsɔ woƒe telefonxexlẽdzesiwo nam. Ðetugbi siawo dometɔ ɖeka le Biblia srɔ̃m fifia. Enye nye agbemeŋkeke vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051101\/Nye-Agbeme%C5%8Bkeke-Vevit%C9%94wo-Kekeake-Domet%C9%94-%C3%90eka\/","date":"2020-01-22T15:33:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250607118.51\/warc\/CC-MAIN-20200122131612-20200122160612-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986463189,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986463189125061}","num_words":563,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aʋadziɖuɖu le Dziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe\nYEHOWA ÐASEFO siwo le Germany kpɔ aʋadziɖuɖu ɖedzesi aɖe le Dziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe le Karlsruhe. Eyata woɖe afɔ vevi aɖe ku ɖe wo dede agbalẽ me le setɔwo gbɔ ŋu.\nƑe 100 kple edzivɔ sɔŋ ye Yehowa Ðasefowo le dɔ wɔm le Germany. Wonɔ te ɖe yometiti sesẽ siwo wohe va wo dzi le ƒe alafa 20 lia me dzizizidziɖuɖu—siwo nye Dukɔa ƒe Sosialist kple Kɔmiunist dziɖuɖuwo—te la nu. Tso ƒe 1990 me ke la, Ðasefoawo nɔ agbagba dzem be woade yewo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu. Le dzi ɖuɖu le ʋɔnunya eve kple ɖeka si me womekpɔ dziɖuɖu le o megbe la, Ðasefoawo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ le Dziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbeƒã eƒe afiatsotso le December 19, 2000, dzi.\nAfiatsotso si Dzi Ʋɔnudrɔ̃lawo Katã Da Asi Ðo na Yehowa Ðasefowo\nƲɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃la adre la katã tso afia wòde Ðasefoawo dzi. Ʋɔnudrɔ̃laawo te fli ɖe afia aɖe si Dukɔa ƒe Dɔwɔnyawo Gbɔkpɔʋɔnudrɔ̃ƒe tso le ƒe 1997 me la me hegblɔ na ʋɔnudrɔ̃ƒea be wòagbugbɔ alé ŋku ɖe Ðasefoawo ƒe biabiaa ŋu.\nDziɖuɖu ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ƒo nu tso ƒomedodo vevi si le Dziɖuɖua kple subɔsubɔhawo dome ŋu. Kpuie ko la, \"menye [subɔsubɔha] aɖe ƒe dzixɔsewo dzie wonɔa te ɖo nyaa eŋunyawo, ke boŋ eƒe nuwɔnawoe.\"\nƲɔnudrɔ̃ƒea gblɔ hã be ne Ðasefowo wɔ nu ɖe \"Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade\" nu la, \"wometsi tre ɖe demokrasi gɔmeɖosewo ŋu o\" eye \"menye woƒe didi enye be yewoatsɔ dziɖuɖu ƒomevi bubu aɖo demokrasi teƒe o.\" Eyata mele be woabu Ðasefoawo ƒe gomemakpɔmakpɔ le dunyahehe me akɔdadawo me be enye agɔdzedze si ta womada asi ɖe wo dzi le senu o.—Yohanes 18:36; Romatɔwo 13:1.\nƲɔnudrɔ̃ƒea yi edzi gblɔ be xɔsetɔ aɖe—eɖanye Ðasefo alo ha bubu aɖe me tɔ o—ate ŋu ava ge ɖe nɔnɔme aɖe si me Dziɖuɖua ƒe nudidiwo kple eƒe dzixɔse natsi tre ɖe wo nɔewo ŋu me. Ne wòadzɔ be amea ɖo to eƒe dzitsinya to \"eƒe subɔsubɔdzixɔsewo tsɔtsɔ wɔ dɔe tsɔ wu sea la,\" Dziɖuɖua ate ŋu abu nuwɔwɔ sia be esɔ eye be subɔsubɔblɔɖe si le esi nue wòwɔ nu ɖo.—Dɔwɔwɔwo 5:29.\nƲɔnudrɔ̃ƒea ƒe afiatsotsoa zu nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe tanya. Menɔ bɔbɔe be woakpɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe le Germany si me nya sia medze le o. Woɖe gbeƒã nyatakaka kple gbebiamewo le television kple radio dɔwɔƒe gãwo katã. Medzɔ be woƒo nu tso Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu wòde du alea gbegbe kpɔ le Germany o.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]\nAP Photo\/Daniel Maurer","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010815\/A%CA%8Badzi%C9%96u%C9%96u-le-Dzi%C9%96u%C9%96u-%C6%92e-Dukpl%C9%94setakp%C9%94%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e\/","date":"2020-01-25T03:29:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250628549.43\/warc\/CC-MAIN-20200125011232-20200125040232-00128.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989591241,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989591240882874}","num_words":405,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Mɔkpɔkpɔ na Ŋutifafa Le Bubuma?\n\"Egbea la, míesenɛ le mía ɖokui me be míele agbe . . . le ahomya sesẽ aɖe si nye afɔku, si tɔgbe medzɔ kpɔ o la titina.\"—\"La Repubblica\" nyadzɔdzɔgbalẽ, Rome, Italy.\nŊƆDZINUWƆLAWO ƒe ŋɔdzinu siwo wowɔ ɖe New York City kple Washington, D.C. ŋu, le ƒe si va yi me, na be ame geɖe ŋutɔ va le vɔvɔ̃m ɖe ameƒomea ƒe etsɔme ŋu. Woɖe television dzi nukpɔkpɔ ku ɖe Xɔ Kɔkɔ Eve siwo nɔ bibim—tsɔ kpe ɖe nɔnɔme wɔnublanui si me agbetsilawo nɔ—ŋu fia zi gbɔ zi geɖe. Nukpɔkpɔ siawo doa nuxaxa na amewo le xexeame godoo. Tsɔ kpe ɖe nuxaxa ma ŋu la, amewo va le sesem le wo ɖokui me be xexeame ɖo ɣeɣiɣi sesẽ aɖe me azɔ. Alea wòle nyateƒea?\nAʋa dzɔ tso September 11, 2001, me. Eteƒe medidi o, dukɔ siwo menyina tsã o va wɔ ɖeka be woaɖe ŋɔdzinuwɔnawo ɖa. Kpuie ko la, amesiwo ku kple nusiwo dome gblẽ la sɔ gbɔ ale gbegbe. Gake ɖewohĩ tɔtrɔ aɖe si ɖe dzesi wu le ame geɖe gome le xexeame katãe nye dediemanɔmanɔ, kple alesi wosenɛ le wo ɖokui me be ame aɖeke mele dedie ŋutɔŋutɔ le afi aɖeke o.\nXexeame dziɖulawo kpɔe be yewole go dom kuxi gãwo. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple nyadzɔdzɔgblɔlawo dea ŋugble le alesi woate ŋu axe mɔ ɖe ŋɔdzinuwɔnawo nu be magakeke ta abe dzobibi ene o, esi wòdze abe koɖoɖo kple zazɛ̃nyahehe—siwo nye fukpekpe siwo dze abe ame aɖeke mate ŋu aɖe ɖa o ene—gbɔe wòtsona ta. Madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe xexeame ale gbegbe be nusianu ate ŋu ahe ʋunyaʋunyawɔwɔ vɛ bɔbɔe. Ame ɖesiaɖe kloe bua eŋu nenye be woava ɖe kuxi siwo ɖea fu na amewo ɖa gbaɖegbe. Ðe aʋawɔwɔ—tsɔ kpe ɖe nɔnɔme wɔnublanui, ku, kple nusiwo wògblẽna ŋu—nu ava yi gbaɖegbea?\nAme miliɔn nanewo trɔna ɖe mawusubɔsubɔha xɔŋkɔwo ŋu hena biabia siawo ŋu ɖoɖo. Gake bubuwo kea ɖi. Ke wò ya ɖe? Ðe nèbui be subɔsubɔhakplɔlawo ate ŋu aɖo biabia mawo ŋua? Eye ɖe woƒe gbedodoɖawo ate ŋu ahe ŋutifafa vɛ nyateƒea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021108\/%C3%90e-M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-na-%C5%8Autifafa-Le-Bubuma\/","date":"2020-01-19T19:56:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594705.17\/warc\/CC-MAIN-20200119180644-20200119204644-00514.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997788012,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977880120277405}","num_words":331,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EDO LO KU ÐE VIŊUTSU EVE ŊU\nEDO LO KU ÐE WAINGBLEMEDƆWƆLAWO ŊU\nLe gbedoxɔa me la, ɖeko Yesu na ŋu kpe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegã siwo tɔ gbee ku ɖe ame si na ŋusẽe wòtsɔ le nuwo wɔm la ŋu vɔ koe nye esia. Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa wɔe be womegakpɔ nya aɖeke woagblɔ o. Azɔ edo lo aɖe tsɔ klo nu le ame si ƒomevi wonye la dzi.\nYesu gblɔ be: \"Vi eve le ŋutsu aɖe si. Eye wòyi gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be, 'Vinye, yi ɖawɔ dɔ le waingble la me egbe.' Eɖo eŋu be, 'Nyemayi o,' ke emegbe la evee eye wòyi. Eye wòva evelia gbɔ gblɔ na eya hã nenema ke. Eya ɖo eŋu be, 'Mayi,' ke meyi o. Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?\" (Mateo 21:28-31) Ŋuɖoɖoa dze ƒãa—vi gbãtɔ lae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mlɔeba.\nEya ta Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be: \"Vavã mele egblɔm na mi be, adzɔxɔlawo kple gbolowo atre Mawu Fiaɖuƒe la me yiyi na mi.\" Le gɔmedzedzea la, adzɔxɔlawo kple gbolowoe menɔ Mawu subɔm o. Gake abe ale si vi gbãtɔa wɔe ene la, wova trɔ dzi me emegbe hele Mawu subɔm. Ke subɔsubɔhakplɔlawo ya le abe vi evelia ene, elabena wogblɔna be yewole Mawu subɔm, evɔ womesubɔnɛ hafi o. Yesu gblɔ be: \"Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] va mia gbɔ be yeafia dzɔdzɔenyenyemɔ la mi, ke miexɔ edzi se o. Gake adzɔxɔlawo kple gbolowo ya xɔ edzi se, eye togbɔ be miekpɔ esia hã la, mete ɖe mia dzi emegbe ne miaxɔ edzi ase o.\"—Mateo 21:31, 32.\nYesu gado lo bubu ɖe ema yome. Le lo sia me la, Yesu ɖee fia be menye ɖeko subɔsubɔhakplɔlawo gbe be yewomasubɔ Mawu o. Ke boŋ ɖe wovɔ̃ɖi. Yesu gblɔ be: \"Ame aɖe de waingble, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme, eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme, etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta. Ke esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelawo gbɔ be wòaxɔ waingblea me kutsetse aɖewo tso wo gbɔ avɛ. Ke wolée heƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui. Egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ, ke woxlã nu ɖe ta nɛ hedo vloe. Eye wògadɔ bubu ɖa, ke wowu eya hã, egadɔ bubu geɖewo ɖa, ke woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo hã.\"—Marko 12:1-5.\nÐe ame siwo nɔ to ɖom Yesu la ase eƒe lododoa gɔmea? Anɔ eme be woaɖo ŋku Yesaya ƒe fɔbuamenya siawo dzi be: \"Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe waingble lae nye Israel ƒe aƒe; Yudatɔwoe nye agble si gbɔ melɔ̃a nu le o la. Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, sedzidadae li.\" (Yesaya 5:7) Yesu ƒe lododoa me nyawo ɖi nya mawo. Agbletɔ lae nye Yehowa, eye waingble lae nye Israel dukɔa si Mawu ƒe Se la nye kpɔtɔtɔ kple takpɔkpɔ na. Yehowa dɔ nyagblɔɖilawo ɖe eƒe amewo be woafia nu wo ahakpe ɖe wo ŋu be woatse ku nyuiwo.\nKe hã 'agbledelaawo' wɔ fu \"kluvi\" siwo wodɔ ɖo ɖe wo la hewu wo. Yesu gblɔ be: \"Azɔ viŋutsuvi ɖeka le [waingbletɔa si] si gbɔ melɔ̃a nu le o. Edɔ eya hã ɖe wo gbɔ gblɔ be, 'Woasi vinye ŋkume ɖa.' Ke agbledela mawo gblɔ le wo nɔewo dome be, 'Ame siae nye domenyila la. Miva míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.' Ale wolée hewui.\"—Marko 12:6-8.\nAzɔ Yesu bia be: \"Nu kae waingbletɔa awɔ?\" (Marko 12:9) Subɔsubɔhakplɔlawo ɖo eŋu be: \"Esi wonye ame vɔ̃ɖiwo ta la, atsrɔ̃ wo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ waingble la ade asi na agbledela bubu siwo atsɔ kutsetsewo anɛ le kutsetseawo ɖiɣi.\"—Mateo 21:41.\nWoƒe nyaŋuɖoɖo sia nye ʋɔnudɔdrɔ̃ wo ɖokuiwo le manyamanya me, elabena woawo hã wokpe ɖe 'agbledela' siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe \"waingble,\" si le tsitre ɖi na Israel dukɔa me la ŋu. Yehowa tɔ dzɔ be wòadi kutsetsewo tso agbledela mawo si, eye kutsetse sia ƒe ɖee nye be woaxɔ Via si nye Mesia la dzi ase. Azɔ Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: \"Ðe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ be, 'Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ, Yehowa gbɔe esia tso, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume' oa?\" (Marko 12:10, 11) Yesu na eƒe nyaa me kɔ ƒãa azɔ esi wògblɔ be: \"Esia tae mele egblɔm na mi be, woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo.\"—Mateo 21:43.\nAgbalẽfialawo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpɔe dze sii be \"yewo ŋue wòdo lo sia ɖo.\" (Luka 20:19) Fifia ya wodi vevie wu tsã be yewoawu Yesu, si nye \"domenyila\" si dze la. Gake wovɔ̃ ameha la, elabena wobua Yesu nyagblɔɖilae, eya ta womedze agbagba be yewoawui ɣemaɣi o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/lododowo-waingblewo-agbledelawo\/","date":"2020-01-19T16:57:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594662.6\/warc\/CC-MAIN-20200119151736-20200119175736-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989237785,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989237785339355}","num_words":759,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! September 2015 | Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu\nSusu gbegblẽ si anɔ asiwò ɖe ga ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ wò nɔnɔme dzi.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNyabiase adre siwo akpe ɖe ŋuwò nàdzro ɖokuiwò me kpɔ be ɖe susu gbegblẽ va le ye si ku ɖe ga ŋu hã.\nWATCHING THE WORLD\nNu siwo dzɔ le dukɔ siwo me ŋkuʋuʋu dze egɔme le la ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi.\nHELP FOR THE FAMILY\nKe ne vodada katã metso gbɔnye o ɖe?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nWoyɔe be Ŋutinyawo Fofo, ezã eƒe agbemeŋkekewo katã ɖe dɔ ɖeka ko ŋu.\nLANDS AND PEOPLES\nEya koe nye ta si me dze mele o si me woate ŋu akpɔ ƒumelãwo abe agblolui, dayi, kple tarpon ene le.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe ame siwo da ahe kolikoli la hã ate ŋu akpɔ dzidzɔa?\nWAS IT DESIGNED?\nÐe nugbagbevi siawo ate ŋu aɖe mɔ̃memi si ɖuɖu ɖe atsiaƒu me nyuie wu mɔ̃ɖaŋumɔnu siwo zãm wole egbea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201509\/","date":"2020-01-19T00:11:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593994.14\/warc\/CC-MAIN-20200118221909-20200119005909-00452.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972868562,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997286856174469}","num_words":168,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Domenyinu si Ŋu Nàte Ŋu Aɖo Ŋu Ðo\n\"NE ÈXƆ nyanyanagbalẽ aɖe si gblɔ be ame aɖe gblẽ domenyinu aɖe ɖi na wò la, kpɔ nyuie. Ate ŋu anye ameflunuwɔwɔ aɖe si dzi woato able wò.\"\nEmae nye nuxlɔ̃amenya si United States ƒe Posudɔwɔƒea de eƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe be wòatsɔ axlɔ̃ nu amewo. Nukatae? Elabena ame akpe geɖewo xɔ nyanyanagbalẽwo si gblɔ be: 'Wò ƒometɔ aɖe ku eye wògblẽ domenyinu aɖe ɖi na wò.' Esia wɔe be ame geɖewo ɖo dɔlar 30 alo esi wu nenema ɖa be woaɖo domenyinua ŋuti nyatakakawo kple alesi yewoawɔ axɔe la ɖe yewo. Nublanuitɔe la, woble wo. Nyatakaka ɖeka tɔgbee woɖo ɖe ameawo katã—eye domenyinu si wonɔ mɔ kpɔm na la ƒe ɖeke kura mesu wo dometɔ aɖeke si o.\nAmeflunuwɔwɔ mawo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe dzɔdzɔmedidi si nye be yewoanyi nane ƒe dome la dzi. Gake Biblia ya ƒo nu nyui tso amesiwo naa domenyinuwo amewo le nyateƒe me la ŋu be: \"Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome.\" (Lododowo 13:22) Le nyateƒe me la, Yesu Kristo ŋutɔŋutɔe gblɔ nya nyanyɛ sia si léa dzi na ame ŋutɔ la le eƒe Todzimawunya me be: \"Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.\"—Mateo 5:5.\nYesu ƒe nya siawo na míeɖo ŋku nya si gbɔgbɔ ʋã blema Israel Fia Dawid wòŋlɔ ƒe alafawo do ŋgɔ dzi be: \"Ke ame ɖihiãwo [ame fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\"—Psalmo 37:11.\n'Woanyi anyigba la ƒe dome'—mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi! Gake ɖe míate ŋu aka ɖe edzi be esia ya menye ameflunya aɖe si hã ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ able amewoe oa? Ẽ, míate ŋui. Esi wònye anyigba la nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ƒe akpa aɖe ta la, Etɔe anyigba la nye eye wònye Amesi Wɔe, eya si koe ŋusẽa le be wòatsɔe awɔ domenyinue na amesi wòlɔ̃. Yehowa to Fia Dawid dzi gblɔ nyagblɔɖi me ŋugbedodo sia na Via, Yesu Kristo, si gbɔ melɔ̃a nu le na o be: \"Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!\" (Psalmo 2:8) Le susu sia ta la, apostolo Paulo ɖɔ Yesu be enye \"amesi [Mawu ɖo] nuwo katã ƒe domenyila.\" (Hebritɔwo 1:2) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be esi Yesu gblɔ be ame fafawo \"anyi anyigba la ƒe dome\" la, egblɔe kple kakaɖedzi blibo, eye ŋusẽ si sɔ le esi be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme.—Mateo 28:18.\nKe hã, nyabiase si le vevie ŋutɔe nye, Aleke ŋugbedodo ma ava emee? Míekpɔnɛ le afisiafi egbea be, edze abe akpasesẽnuwɔlawo kple nugãdilawo koe nu le edzi dzem na wu ene. Ke nukae asusɔ na ame fafawo? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖiƒoƒo ƒe kuxi gãwoe yɔ anyigba la dzi, eye ŋuklẽlawo kple amesiwo mekpɔa nu dea ŋgɔ o la le edzinuwo ham. Ðe anyigba aɖe gɔ̃ hã li si anyo be woatsɔ anyi domeea? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo kple bubu siwo hã le vevie.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nÀxɔ domenyinu vavãtɔ la?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041001\/Domenyinu-si-%C5%8Au-N%C3%A0te-%C5%8Au-A%C9%96o-%C5%8Au-%C3%90o\/","date":"2020-01-18T10:28:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250592394.9\/warc\/CC-MAIN-20200118081234-20200118105234-00288.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994357824,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994357824325562}","num_words":507,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU ƑE NUSRƆ̃LAWO NYRƆ AMEWO\nWODE YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA GAXƆ ME\nEsi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe adame vɔ megbe la, wodzo le Yerusalem. Gake wometrɔ yi woƒe aƒewo me tẽe le Galilea o. Ke boŋ woyi Yudea, afi si wonyrɔ ame geɖe le. Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nɔ dɔ ma tɔgbi wɔm abe ƒe ɖeka ene ye nye ema, eye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo gale eŋu, ɖewohĩ le bali si me Yordan-tɔsisia to la me.\nYesu ŋutɔ menyrɔ ame aɖeke o, ke eƒe nusrɔ̃lawoe nyrɔ amewo le eƒe mɔfiafia te. Le ɣeyiɣi sia me le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, Yesu kple Yohanes siaa le nu fiam Yudatɔ siwo trɔ dzi me tso nu vɔ̃ siwo wowɔ me le esi woda le Mawu ƒe Se ƒe nubablaa dzi ta.—Dɔwɔwɔwo 19:4.\nGake Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo te ŋuʋaʋã hegblɔ nɛ le Yesu ŋu be: 'Yesu si wò kplii mienɔ Yordan godo la le amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.' (Yohanes 3:26) Gake Yohanes ya meʋã ŋu o. Yesu ƒe dzidzedzekpɔkpɔ dzɔ dzi nɛ eye wòdi be yeƒe nusrɔ̃lawo hã nakpɔ dzidzɔ. Yohanes ɖo ŋku edzi na wo be: \"Miawo ŋutɔwoe nye nye ɖasefo be megblɔ be, 'Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ be, ɖe wodɔm ɖe ame ma ŋgɔ.'\" Ezã kpɔɖeŋu aɖe si gɔme wo katã woase tsɔ ɖe nya sia me ale: \"Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃. Ke ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ si le tsitre ɖi le to ɖomee la kpɔa dzidzɔ gã ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Eya ta nye dzidzɔ la zu blibo.\"—Yohanes 3:28, 29.\nYohanes, si le abe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ ene la kpɔ dzidzɔ ɣleti aɖewo do ŋgɔ esi wòɖe eƒe nusrɔ̃lawo fia Yesu. Wo dometɔ aɖewo dze Yesu yome, eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo emegbe. Yohanes di be yeƒe nusrɔ̃la mamlɛawo hã nadze Yesu yome. Le nyateƒe me la, Yohanes ƒe dɔe nye be wòadzra mɔ dzi ɖo na Kristo ƒe subɔsubɔdɔa. Yohanes gblɔ be: \"Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.\"—Yohanes 3:30.\nEmegbe Yohanes bubu, si zu Yesu yomedzela ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, ŋlɔ nu ku ɖe afi si Yesu tso kple akpa vevi si wòawɔ le amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me ŋu be: \"Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta. . . . Fofo la lɔ̃ Vi la, eye wòtsɔ nuwo katã de esi. Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.\" (Yohanes 3:31, 35, 36) Nyateƒenya vevi kae nye esi wòle be amewo nanya!\nEsi Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒo nu tso ale si eya ŋutɔ ƒe wɔƒe kple eƒe dɔ ayi toe ŋu vɔ megbe kpuie la, Fia Herodes na wolée. Herodes xɔ nɔvia Filipo srɔ̃ Herodia ɖe. Esi Yohanes ƒo nu tsi tre ɖe Herodes ƒe ahasisrɔ̃ɖeɖea ŋu le gaglãgbe ta la, Herodes na wodee gaxɔ me. Yesu se be wolé Yohanes, eya ta eya kple eƒe nusrɔ̃lawo 'dzo le Yudea yi Galilea.'—Mateo 4:12; Marko 1:14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-g%C9%94medzedze\/yohanes-amenyr%C9%94%C9%96etsimela-le-to-yim\/","date":"2020-01-23T00:22:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250607596.34\/warc\/CC-MAIN-20200122221541-20200123010541-00008.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989494681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989494681358337}","num_words":502,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃\n'Yehowa ƒe Atiwo Ðia Ƒo'\nÐE NÈKPƆ ɣe wòklẽ to ati kɔkɔwo dome le ave me kpɔa? Ðe nète ŋu se alesi aŋgbawo nɔ ɖiɖim esime ya nɔ ƒoƒom to wo dome blewu laa?—Yesaya 7:2.\nLe anyigbaa ƒe akpa aɖewo le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me la, ati vovovowo ƒe aŋgba siwo ƒe amadede nye dzẽ, aŋutiɖiɖi, yelo, kple bubuwo ɖia dzo ƒe aɖewo. Le nyateƒe me la, ɖeko wònɔa abe dzoe le bibim le avea me ene! Aleke gbegbee esia sɔ ɖe seselelãme sia nu enye si be: \"Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo.\"—Yesaya 44:23. *\nAve xɔ Anyigba ƒe teƒe siwo tsi mexɔ o la ƒe akpa etɔ̃lia kloe. Ave kple nu gbogbo siwo le eme la kafua Aɖaŋuwɔla kple Wɔla, Yehowa Mawu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Hakpala si gbɔgbɔ ʋã dzi ha be: \"Mikafu Yehowa, . . . mi ati tsekuwo kple sedertiwo katã.\"—Psalmo 148:7-9.\nAgbalẽ si nye The Trees Around Us (Ati Siwo Ƒo Xlã Mí) gblɔ be: \"Atiwo kpɔa ŋutilãmenuhiahiãwo kple atsyɔ̃ɖonuwo gbɔ na amegbetɔwo.\" Avewo kpɔa tsi si ameƒomea zãna la ta, lénɛ ɖe te henana wònyona ɖe edzi. Atiwo naa ya siwo míegbɔna la nɔa dzadzɛ. To mɔ wɔnuku si dzi numiemiewo tona wɔa woƒe nuɖuɖu dzi la, aŋgbawo ƒe nugbagbeviwo trɔa carbon dioxide, tsi, tomenuwo, kple ɣe ƒe keklẽ wòzua nunyiame kple ɔksidzin.\nAve nye aɖaŋudɔwɔwɔ tɔxɛ si dzeani ŋutɔ. Ati gãwo koŋue nye nusiwo wɔa dɔ ɖe ame dzi le ave me. Adru, kawo, ati suewo kple gbe ƒomevi vovovo gbogbo aɖewo tsina le wo dome. Numiemie siawo kpɔa nu geɖe tsoa atiawo gbɔ, wotsina le woƒe vɔvɔli te hewɔa afu si avemetiawo nana ŋudɔ.\nLe ave aɖewo siwo me atiwo lua xe le la, aŋgba siwo ade miliɔn ewo sɔŋ ate ŋu age le agbleka ɖeka dzi le ave me le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo. Nukae dzɔna ɖe aŋgba siawo dzi? Nudzodzoewo, hlo ƒomeviwo, ŋɔwo, kple nu gbagbe bubuwo trɔa nunyiame siawo katã wozua aɖu si nana anyigba wɔa nuku nyuie. Ẽ, naneke dome megblẽna ne dɔwɔla suesue siawo le anyigba dzram ɖo na nuwo ƒe tsitsi ake o.\nNu gbagbe gbogbo aɖewo ŋutɔ le aŋgba kukuawo gɔme. Agbalẽ si nye The Forest gblɔ be \"woate ŋu akpɔ nugbagbevi siwo ade 1,350 . . . le teƒe si lolo sentimeta 30 le dzogoe ene si yi to sentimeta 2.5 me, evɔ womexlẽ nugbagbevi wIuwluwlui biliɔn gbogbo siwo le anyigbaa ƒe ke asiʋlo ɖesiaɖe me ya kpe ɖe eŋu o.\" Hekpe ɖe eŋu la, nutatawo, xewo, nudzodzoewo, kple lã siwo naa no wo viwo, gbogbo aɖewo le avea me. Amekae wòle be woakafu ɖe nyonyo kple nu vovovo siawo ta? Wɔla la gblɔe wòsɔ be: \"Tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi.\"—Psalmo 50:10.\nWowɔ lã aɖewo kple ŋutete tɔxɛ be wonɔa teƒe ɖeka kpoo le vuvɔŋɔli nɔa alɔ̃ dɔm, eye wotoa vuvɔŋɔli sesẽ kple dɔtoɣi didiwo me. Gake menye lãwo katãe nɔa teƒe ɖeka kpoo nɔa alɔ̃ dɔm le vuvɔŋɔli o. Le vuvɔŋɔli ƒe domedome gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ sãdewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe woanɔ kpo tim le gbedzi le afi aɖe. Sãdeawo menɔa anyi kpoo le vuvɔŋɔli alo ƒoa nuɖuɖu nu ƒu o, gake wodia nuɖuɖu henɔa atilɔ suewo kple gbe fẽwo ɖum, abe alesi nàte ŋu akpɔe le foto sia si woɖe le Germany me ene.\nWoƒo nu tso numiemiewo ŋu zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be Biblia yɔ numiemie vovovo siwo anɔ abe 130 ene ŋkɔ, siwo dome ati ƒomeviwo abe 30 ene le. Esime numiemieŋutinunyala Michael Zohary nɔ nu me ɖem tso alesi numiemie siwo Biblia yɔ ɖe dzesii ŋu la, egblɔ be: \"Womate ŋu akpɔ numiemie gbogboawo kple mɔ vovovo siwo nu wolɔ míaƒe agbe ɖe emee le xexeame ƒe agbalẽ siwo menye numekugbalẽwo o gɔ̃ hã dometɔ aɖeke me abe alesi wòdze le Biblia me ene o.\"\nNunana veviwoe atiwo kple avewo nye tso Wɔla lɔ̃ame gbɔ. Ne èɖi tsa le ave me ɣeaɖeɣi kpɔ la, ke kakaɖedzitɔe la, àlɔ̃ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: \"Mawu ƒe atiwo ɖia ƒo, Libanon ƒe sederti, siwo wòdo. Afima xewo wɔa atɔ ɖo.\"—Psalmo 104:16, 17.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah's Witnesses, January\/February.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]\nAti tseku siwo ɖe dzesi wu le Titina Ɣedzeƒe dometɔ ɖekae nye yevuziti. Le ƒea ƒe gɔmedzedze teti—do ŋgɔ na ati akpa gãtɔ la—enyɔna tsoa vuvɔŋɔli ƒe alɔ̃dɔdɔ me. Blema Hebritɔwo yɔa yevuziti be nyɔnyɔla la, be woatsɔ ahe susu yi eƒe seƒoƒo kaba dzii. Atia nyɔna ne eƒe ɖɔmea, si le falɛfalɛ hebiãna vie alo nɔna ɣie, ƒo se.—Nyagblɔla 12:5.\nLe xe ƒomevi 9,000 siwo wonya dome la, wobua 5,000 kloe ɖe xe siwo dzia ha dome. Woƒe hadzidzia gblẽa ɖoɖoezizi si nɔa ave gãwo me la me. (Psalmo 104:12) Le kpɔɖeŋu me, atsutsurɔe dzia ha viviwo. Aɖitsi, abe esi ƒe foto le afisia ene, la nye hadzila sue siwo ŋu amadede vovovo siwo nye flukpẽtɔ, aŋutiɖiɖitɔ, kple gbemumutɔ siwo nya kpɔna ŋutɔ le.—Psalmo 148:1, 10.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\nAve si le Normandy, France","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040115\/Yehowa-%C6%92e-Atiwo-%C3%90ia-%C6%91o\/","date":"2020-01-23T20:54:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250613416.54\/warc\/CC-MAIN-20200123191130-20200123220130-00142.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981566668,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981566667556763}","num_words":824,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nenemae nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 13 gblɔ esi wona avuvi aɖee. Nyɔnu asitsalagã aɖe gblɔ be kɔmpiuta aɖe si ye fofo na ye esi yenɔ sekɛndrisuku (lycée) la na agbea va dze edzi na ye. Ŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ medidi o kpɔe be agbalẽvi nyui aɖe si ye srɔ̃ ŋutɔ wɔ tsɔ na ye le yewoƒe srɔ̃ɖezã gbãtɔ dzi lae nye nunana nyuitɔ kekeake si yexɔ kpɔ.\nƑe sia ƒe la, ame geɖe kua kutri eye wozãa ɣeyiɣi nɔa nunana \"nyui\" aɖe si woana wo xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe le ŋkeke tɔxɛ aɖe dzi la ŋu bum. Eye ame geɖe siwo naa nu amewo adi be amewo nagblɔ nya siwo ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ. Ke wò ya ɖe? Àdi be yeana nu ame aɖe si ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖo alo wò ŋutɔ nàxɔ nunana aɖe si ŋu nàkpɔ ŋudzedze ɖoa?\nNe edzɔ alea la, menye ɖeko wòana dzi nadzɔ ame si wona nua ko evɔ o, ke boŋ ale si nua nala hã ase le eɖokui me le vevie. Biblia gɔ̃ hã gblɔ be: \"Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.\" (Dɔwɔwɔwo 20:35) Gake ne ame si xɔ nua de asixɔxɔ nunanaa ŋu la, enana ame si na nua gakpɔa dzidzɔ wu.\nKe nu kae nàwɔ be nu siwo nàna amewo nana wò ŋutɔ kple ame siwo nèna nuae siaa nakpɔ dzidzɔ vavãtɔ? Eye ne manya wɔ be nàna nu \"nyui\" aɖe ame aɖe o la, nu kae nàte ŋu awɔ be amewo nakpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo nàte ŋu ana wo la ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp201711\/nunana-nyuit%C9%94-kekeake-si-mex%C9%94-kp%C9%94\/","date":"2020-01-21T06:02:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601615.66\/warc\/CC-MAIN-20200121044233-20200121073233-00004.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985327125,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985327124595642}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NUKPƆKPƆ ƒe ŋutete tɔxɛ aɖe le yiyi si woyɔna be detsyɔevi si, eye wòzãnɛ tsɔ nyaa afi si tututu wòati kpo ava dze. Aleke yiyi sia tea ŋu wɔa esiae?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Detsyɔevi zãa eƒe ŋku gã eveawo ƒe ŋutete tɔxɛ aɖe tsɔ nyaa dometsotso si le eya kple nu si kpɔm wòle la dome. Lãyi si le eƒe ŋku gã eveawo megbe la le agbaka geɖe me. Agbaka ɖeka xɔa amadede si nye gbemu eye wòkpɔa nu nyuie, eye agbaka bubu ya kpɔa nu flukpee. Ne nua le dzedzem flukpee ŋutɔ la, ke efia be nua mele adzɔge boo o. Esiae nana yiyi sia nyana dometsotso si tututu le eya kple eƒe nuléle si kpɔm wòle la dome eye wòdzona dzea edzi.\nNumekulawo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ nu tso eƒe ŋku ƒe ŋutete sia ŋu ale be yewoazãe atsɔ awɔ fotoɖemɔ̃ kple robot deŋgɔwo. Internet dzi nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe gblɔ be, detsyɔevi ƒe nukpɔkpɔ \"nye ale si lã nyaŋui siwo ƒe didime nye sentimeta afã pɛ ko eye woƒe ahɔhɔ̃ melolo de tagbatsu tɔ nu o la ƒe ŋkuwo tea ŋu xɔa nyatakakawo le mɔ ɖe dzesi aɖe nu hewɔa nu ɖe enu la ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe.\"—ScienceNOW.\nNu kae nèsusu? Nɔnɔmetɔtrɔ dzie detsyɔevi ƒe nukpɔkpɔ flukpee ƒe ŋutete tɔxɛ sia to va dzɔa? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201303\/detsy%C9%94evi-%C6%92e-nukp%C9%94kp%C9%94-flukpee\/","date":"2020-01-23T21:30:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250613416.54\/warc\/CC-MAIN-20200123191130-20200123220130-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989207983,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989207983016968}","num_words":222,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèdoa gbe ɖa edziedzia? Ame geɖe doa gbe ɖa; mawudzimaxɔsela aɖewo gɔ̃ hã doa gbe ɖa. Gake nu ka tae amewo doa gbe ɖa ɖo? Numekuku aɖe si wowɔ le France la ɖee fia be dukɔa me tɔwo ƒe afã doa gbe ɖa alo dea ŋugble ɣeaɖewoɣi \"ko be yewoƒe dzi nadze eme.\" Abe ale si wòle le Europatɔ geɖewo gome ene la, menye mawusubɔsubɔ tae wodoa gbe ɖa ɖo o. Ke boŋ ale si woakpɔ \"akɔfafa to gbedodoɖa dzi\" ta koe wodoa gbe ɖa ɖo. Le xɔsetɔ aɖewo hã gome la, ne woɖo xaxa me ko hafi wodoa gbe ɖa henɔa mɔ kpɔm be Mawu nawɔ nu si dim yewole la na yewo enumake.\nKe wò ya ɖe? Ale si wò susu nadze akɔ anyi ta koe nèdoa gbe ɖa ɖoa? Ne èxɔ Mawu dzi se la, ɖe nèkpɔe be gbedodoɖa kpena ɖe ye ŋua? Alo ɖe wòwɔna na wò be Mawu meɖoa gbedodoɖawo ŋu na ye oa? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be menye nu si ana wò dzi nadze eme koe gbedodoɖa nye o, ke enye mɔ vevi si dzi nàto ate ɖe Mawu ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140401\/nu-ka-tae-wodoa-gbe-%C9%96a\/","date":"2020-01-24T08:43:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250616186.38\/warc\/CC-MAIN-20200124070934-20200124095934-00422.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960704446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960704445838928}","num_words":191,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Adzɔ Le Etsɔ Me?\nNU KA TAE ŊUÐOÐOA NYANYA LE VEVIE? Etsɔmemɔkpɔkpɔ si ƒomevi le ame si kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wònɔa agbe gbe sia gbee dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo si etsɔmemɔkpɔkpɔ gobi aɖeke mele o la nɔa agbe le mɔ si nye, \"Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge\" la nu. (1 Korintotɔwo 15:32) Zi geɖe la, agbenɔnɔ sia ƒomevi naa amewo ƒoa wo ɖokui ɖe nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono me, wotsia dzimaɖi, eye susu me ƒe akɔdzeanyi ŋutɔŋutɔ mesua wo si o.\nLe nyateƒe me la, ne amegbetɔ si mee nu si adzɔ le etsɔ me atso la, ekema mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke manɔ mía si o. Wole ɖi ƒom anyigbadzinu siwo nye ya, tsi, kple agblenyigbawo le mɔ si ɖeke mesɔ kpli o nu. Vɔvɔ̃ na nukliaʋa kple ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze le dzidzim ɖe edzi. Dɔléle kple hiãkame le fu ɖem na ame miliɔn geɖe le xexea me katã. Ke hã, míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔ me nyui, elabena susu nyui geɖewo li.\nTogbɔ be amegbetɔwo mate ŋu agblɔ etsɔ me ɖi pɛpɛpɛ o hã la, Yehowa Mawu ya gblɔ tso eɖokui ŋu be yenye 'ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.' (Yesaya 46:10) Nya kae Yehowa gblɔ le nu si adzɔ le etsɔ me ŋu?\nNya Si Biblia Gblɔ\nYehowa maɖe mɔ woagblẽ nu le anyigbaa kple nu gbagbe siwo le edzi la ŋu keŋkeŋ o. Le nyateƒe me la, Biblia do ŋugbe be Mawu \"[ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.\" (Nyaɖeɖefia 11:18) Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒe alo dziƒodziɖuɖua dzi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ ahana tame si wòɖo le gɔmedzedzea me nava eme. (1 Mose 1:26-31; 2:8, 9; Mateo 6:9, 10) Mawunyakpukpui siwo gbɔna kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si etsɔ me anɔ la do ŋgɔ, eye woɖe nu siwo eteƒe madidi o woadzɔ, siwo akpɔ ŋusẽ ɖe ame sia ame dzi le anyigba dzi la fia.\nPsalmo 46:9, 10. 'Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, ame si doa aƒedo anyigba, ame si tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!'\nYesaya 35:5, 6. \"Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.\"\nYesaya 65:21, 22. \"Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.\"\nDaniel 2:44. \"Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.\"\nYohanes 5:28, 29. \"Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.\"\nNyaɖeɖefia 21:3, 4. \"Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\"\nAle Si Biblia Ƒe Ŋuɖoɖowo Naa Susu Me Ƒe Akɔdzeanyi Vavãtɔ\nGbã la, asesẽ na wò be nàxɔ nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tso le afi sia la dzi ase. Gake Mawue do ŋugbe siawo, menye amegbetɔwoe o. Eye Yehowa Mawu \"mate ŋu aka aʋatso o.\"—Tito 1:2.\nNe èsrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu henɔa agbe ɖe eƒe sededewo nu la, wò susu me adze akɔ anyi le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Aʋawɔwɔ, hiãkame, dɔléle kple fukpekpe siwo amegãkuku hena vanae, alo ku gɔ̃ hã mana nàtsi dzodzodzoe o. Nu ka ta? Elabena àva ka ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖɔ nu ɖe sia ɖe si nu mawo agblẽ le ŋuwò la ɖo.\nAlekee nàwɔ be etsɔmemɔkpɔkpɔ sia ƒomevi nasu asiwò? Ele be nàwɔ 'wò tamesusu yeyee,' eye nàkpɔ kakaɖedzi na 'Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la.' (Romatɔwo 12:2) Ðewohĩ ahiã be nàgawɔ numekuku geɖe bene nàkpɔ kpeɖodzi bubuwo be kakaɖedzi le Biblia me ŋugbedodowo ŋu. Viɖe geɖe ado tso agbagbadzedze ma me na wò. Naneke mana wò susu me nadze akɔ anyi le agbe me ade kakaɖedzi si asu asiwò la nu o.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]\nNya kae Mawu ƒe Nya la gblɔ tso etsɔ me ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/Nu-Kae-Adz%C9%94-Le-Ets%C9%94-Me\/","date":"2020-02-29T11:17:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875148850.96\/warc\/CC-MAIN-20200229083813-20200229113813-00014.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970884323,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970884323120117}","num_words":730,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Míehiã Mesia Aɖea?\nÀNYA bia kpɔ be, \"Ðe míehiã na Mesia la?\" Ẽ, nunya le eme be nàdi be yeanya ne Mesia la ƒe vava aɖe vi ŋutɔŋutɔ aɖe na ye.\nÐewohĩ amesiwo ƒe nukpɔsusu ŋu nèdea bubui aka ɖe edzi na wò be nya sia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ eye ɖikeke mele eme o ye nye be: Èhiã na Mesia la abe alesi ame bubu ɖesiaɖe hã hiãe ene. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ƒe seŋutinunyala bibi aɖe ŋlɔ tso Mesia la ŋu be: \"Mawu ƒe ŋugbedodowo katã va zu 'Ẽ' le eyama me.\" Eyata ame ma te gbe ɖe akpa vevi si Mesia ava wɔ be Wɔlaa ƒe tameɖoɖo be yeayra anyigba dzi dukɔwo katã nava eme la dzi. (Korintotɔwo II, 1:20, Nubabla Yeye La) Mesia la ƒe wɔƒe le vevie ale gbegbe be eƒe vava kple agbenɔnɔ le anyigba dzi koŋ dzie Biblia me nyagblɔɖiwo he susu yii. Le agbalẽ aɖe si ame miliɔn geɖe zã ƒe 70 sɔŋ enye sia me la, Henry H. Halley gblɔ be: \"Woŋlɔ Nubabla Xoxoa be wòana amewo nakpɔ mɔ na [Mesia la] ƒe Vava tsɔ dzra mɔ dzi ɖo nɛ.\" Gake ɖe eƒe vava le veviea? Nukata wòle be nya sia naka wò?\nNya \"Mesia\" gɔmee nye \"Amesiamina,\" eye wòsɔ kple ŋkɔ nyanyɛ \"Kristo.\" Eva hiã be Amesia si Encyclopædia Britannica, ƒe 1970 tɔ yɔ be \"ɖela gãtɔ kekeake,\" la nava le atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, ƒe nugbegblẽwɔwɔ ta. Wowɔ wo wonye ame deblibowo, eye agbe tegbee nɔnɔ le dzidzɔ me le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ wo si, gake wobu mɔkpɔkpɔ ma. Mawudɔla dzeaglã aɖe si wova yɔ be Satana Abosam gblɔ na wo be wo Wɔla ƒe sewo sesẽ akpa, eye be eme anyo na wo wu ne woa ŋutɔwo tso nya me le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu.—Mose I, 3:1-5.\nSatana Abosam ble Xawa eye wòxɔ alakpanya ma dzi se. Ewɔ abe Adam de asixɔxɔ woa kple srɔ̃a dome ƒomedodoa ŋu wu nuteƒewɔwɔ na Mawu ene, eye wòwɔ ɖeka kplii le aglãdzedze si Abosam nɔ megbe na la me. (Mose I, 3:6; Timoteo I, 2:14) Menye woa ŋutɔwo ɖeɖe ƒe agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ koe bu ɖe wo o. Domenyinu si wogblẽ ɖi na woƒe dzidzimeviwoe nye nuvɔ̃ kple ku si do tso woƒe aglãdzedzea me.—Romatɔwo 5:12.\nMía Wɔla, Yehowa, wɔ ɖoɖo enumake be wòatsɔ aɖɔ aglãdzedze ma me tsonuwo ɖoe. Ele gɔmeɖose si nye agbe ɖe agbe teƒe, si va dze emegbe le Mose ƒe Sea me, ŋudɔ wɔ ge atsɔ adzra eya ŋutɔ kple ameƒomea dome ɖo. (Mose V, 19:21; Yohanes I, 3:8) Gɔmeɖose sia dzi koe wòle be woawɔ ɖo hafi Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi maɖifɔwo nate ŋu akpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi abe alesi Wɔlaa ɖo tame na ameƒomeae ene. Esia tae wòle be Mesia la nava ɖo.\nEsime Yehowa Mawu nɔ kufia tsom na Abosam la, egblɔ le Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ me be: \"Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.\" (Mose I, 3:15) Biblia-nyala aɖe gblɔ be \"nya siae nye ŋugbedodo siwo le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Mesia ŋu dometɔ gbãtɔ.\" Biblia-nyala bubu gblɔ be Mesia lae Mawu azã \"atsɔ aɖɔ ame gbãtɔawo ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo ɖo,\" eye wòahe yayrawo vɛ na ameƒomea mlɔeba.—Hebritɔwo 2:14, 15.\nKe hã, ànya de dzesii be amesiwo li egbea ƒe asi metu yayra siwo ŋugbe wodo la haɖe o. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe ameƒomea wòwɔ nublanui ale gbegbe. Eyata The World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Yudatɔ geɖe gale mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava\" eye be \"ava ɖɔ nuwo ɖo ahana ameawo naɖu woƒe futɔwo dzi.\" Gake Biblia ya gblɔ be Mesia la va xoxo. Ðe susu aɖe li si ta wòle be nàxɔ nusi Biblia gblɔ dzi asea? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo nya ma ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060215\/%C3%90e-M%C3%ADehi%C3%A3-Mesia-A%C9%96ea\/","date":"2020-02-25T13:26:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146066.89\/warc\/CC-MAIN-20200225110721-20200225140721-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999325633,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993256330490112}","num_words":644,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:\n• Gɔmesese ka nue Mawu ate ŋu ana nànye kesinɔtɔ le?\nLe blema la, Yehowa tsɔ ŋutilãmekesinɔnuwo yra ame aɖewo abe Abraham kple Salomo ene. Gake kesinɔnu siwo hiã Kristotɔwo wu, siwo Mawu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu wòasu wo si la dometɔ aɖewoe nye xɔse, ŋutifafa, dzidzeme, kple dzidzɔ.—9\/1, axa 3-7.\n• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu ɖe Petro esime wònɔ nyɔnyrɔm ɖe ƒua me la me? (Mat. 14:28-31)\nNe míede dzesii be nɔvi aɖe meɖe xɔse fia tututu le nane wɔwɔ me o la, míate ŋu ado asi ɖa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu akpe ɖe eŋu be xɔse geɖe wu nasu esi.—9\/15, axa 8.\n• Nu ka gbegbe Yehowa tsɔ sa vɔe hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ?\nEte ɖe Yehowa dzi vevie esime wonɔ fu wɔm Via henɔ fewu ɖum le eŋu. Eye abe ale si Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi asa vɔe ene la, Yehowa do dzi esime wowu Via abe nu vlo wɔla aɖe ene.—9\/15, axa 28-29.\n• Nu ka tae Vatican Codex la nye kesinɔnu?\nEnye Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si woŋlɔ mede ƒe 300 tso esime wowu Biblia bliboa ŋɔŋlɔ nu o. Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽawo katã kloe le eme. Enye dɔwɔnu vevi aɖe si agbalẽnyalawo zãna tsɔ nyana ale si tututu nyawo dze le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me.—10\/1, axa 18-20.\n• Nufiame kae le 'xɔtutu' si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 24:27 me na mí?\nEle be ŋutsu si di be yeaɖe srɔ̃ la nadzra ɖo ɖe agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ ŋu. Esia lɔ ale si wòasu te ɖe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple ŋgɔxɔxɔ le ƒomea ƒe tadedeaguwɔnawo me ɖe eme.—10\/15, axa 12.\n• Nu ka tae masɔ be woagblɔ be Protestant sɔlemeha aɖee Yehowa Ðasefowo nye o?\nAme siwo nɔ ʋiʋlim vevie be woawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo le Roma Katolikohaa ƒe nufiafia aɖewo ŋu lae va ɖo Protestant subɔsubɔhaa anyi le Europa le ƒe alafa 16 lia me. Wozãna nya \"Protestanttɔwo\" na ame siwo lé Ðɔɖɔɖotaʋiʋli ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi. Yehowa Ðasefowo melɔ̃ ɖe edzi be papa lae nye Kristotɔwo katã ƒe ŋgɔnɔla o, woxɔe se tso dzi blibo me be Biblia la ɖeka ko mee woɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ ɖe go le, ke hã, wogbe nu le nufiafia kple nuwɔna siwo tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu, siwo bɔ ɖe Protestant hawo me la gbɔ.—11\/1, axa 19.\n• Ðe wòle be ame nasrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbe hafi ate ŋu ase Biblia gɔmea?\nAo. Gbegbɔgblɔ mawo nyanya ɖeɖe mate ŋu ana ame nase Biblia ƒe gbedeasia gɔme nyuie wu o. Agahiã kokoko be ame si srɔ̃ gbe mawo la nanɔ nyagɔmeɖegbalẽwo kple gbeŋutisegbalẽwo zãm. Nyateƒe si wònye be Mawu ɖe mɔ ame siwo eƒe gbɔgbɔa ʋã woŋlɔ eƒe Subɔla gãtɔ la ƒe nyawo ɖi la ŋlɔ wo ɖe gbegbɔgblɔ bubu me la ɖee fia be ame ate ŋu azã Biblia siwo gɔme woɖe ɖe gbe siwo míedona egbea la me ahasrɔ̃ nyateƒea tso wo me.—11\/1, axa 20-23.\n• Alekee Yehowa kple Yesu ɖo nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?\nTogbɔ be ɖoƒe kɔkɔ aɖee Yehowa le hã la, ewɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu le bubu kple dɔmenyo me. Esime wònɔ nu ƒom na Abraham kple Mose siaa la, ezã Hebrigbe me nya aɖe si gɔme woɖena zi geɖe be \"meɖe kuku.\" (1 Mose 13:14; 2 Mose 4:6) Mawu ɖoa to amegbetɔwo hã. (1 Mose 18:23-32) Yesu hã wɔe nenema, eye zi geɖe la, etsɔa amewo ƒe ŋkɔwo yɔa woe, eye wòlɔ̃ faa na kpekpeɖeŋu ame siwo dome wònɔ la.—11\/15, axa 25.\n• Nu ka tae Kristotɔ vavãwo meɖua Asiatɔwo Ƒe Ƒe Yeye la o?\nAsiatɔwo Ƒe Ƒe Yeye la nye azã vevi aɖe le Asiatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi. Le azãɖuɖua me la, wodzea agbagba be yewoabia dzɔgbenyui ahade bubu gbɔgbɔwo ŋu. Kristotɔwo dea bubu wo dzilawo ŋu, gake womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe kplɔ̃ɖoɖo siwo me amewo dzea agbagba be yewoado ka kple tɔgbui kukuwo bene woakpɔ yewo ta, alo be yewoana yewoƒe nu nadze aƒekɔ ƒe mawuwo ŋu la me o.—12\/1, axa 20-23.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20091215\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2020-02-16T22:49:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875141430.58\/warc\/CC-MAIN-20200216211424-20200217001424-00144.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982196093,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982196092605591}","num_words":675,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nXlẽ nu tso nu siwo yayra mawo nye, nu si tae nàte ŋu axɔ wo dzi ase kple nu si nàwɔ be woasu asiwò la ŋu.\nGBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 28 va se ɖe November 1, 2020 la le tata sia me.\nAGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ\nTAKPEKPEWO\nMíetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàkpɔ ƒe sia me ƒe ŋkeke etɔ̃ ƒe takpekpe gã si Yehowa Ðasefowo awɔ la ƒe videowo.\nHAKPAKPAWO\nAleke míanɔ abe ɖevi ene le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me?\nSRƆ̃ÐEÐE KPLE ƑOMEGBENƆNƆ\nNe ame eve siwo mede blibo o ɖe wo nɔewo la, kuxiwo ado mo ɖa godoo. Dzigbɔɖi le vevie ŋutɔ hafi srɔ̃ɖeɖe nate ŋu akpɔ dzidzedze.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nu-yeyewo\/","date":"2020-06-04T08:01:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347439213.69\/warc\/CC-MAIN-20200604063532-20200604093532-00291.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979899526,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979899525642395}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Oo Yehowa, wò nyuiwɔwɔ\nÐea vi na mí gbe sia gbe.\nMía Fofo si le dziƒowo,\nÈwɔa nyui nu sia nu me.\nÈvea 'me nu, kpɔa nublanui,\nTsɔa míaƒe nu vɔ̃ kea mí.\nWòe dze na míaƒe tadeagu.\nMíetsɔa dzidzɔ subɔa wò.\n2. Wò nyuiwɔwɔ la dzena le\nWò subɔlawo dome.\nMíeɖenɛ fia l'agbenɔnɔ\nKple gbeƒãɖeɖedɔa me.\nWò nyuiwɔwɔ ŋu nya míagblɔ\nN'amewo l'afi sia 'fi.\nMíebia wò gbɔgbɔ kɔkɔe la,\nBe míanye nyuiwɔla'o ɖaa.\n3. Míawɔ nyui na ame sia 'me,\nGake vevietɔ wu la\nNa mía nɔvi xɔsetɔwo,\nAlɔ̃ wo katã vevie.\nMíawɔ nyui le nu sia nu me,\nLe ƒomea kple hamea me.\nMíaƒe nyuiwɔwɔ la nana\nWoakafu wò ŋkɔ gã ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/117-nyuiw%C9%94w%C9%94-le-vevie\/","date":"2020-05-29T04:46:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347401260.16\/warc\/CC-MAIN-20200529023731-20200529053731-00125.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954890013,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954890012741089}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.159,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo dzrana ɖo nyuie hafi yia woƒe kpekpewo le foto siwo le afi sia mea? Nu ka tae awudodo kple dzadzraɖo le mɔ nyui nu nɔa vevie na mí?\nBe míade bubu mía Mawu ŋu. Enye nyateƒe be menye míaƒe gotagome dzedzeme koe Mawu kpɔna o. (1 Samuel 16:7) Ke hã, ne míeva ƒo ƒu be míade ta agu nɛ la, míedina vevie be míawɔ nu si ade bubu Eyama kple mía nɔviwo ŋu. Hafi ame aɖe nado ɖe ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume la, adi be yeadzra ɖo nyuie be yeade bubu ʋɔnudrɔ̃laa ŋu le ɖoƒe si wòle la ta. Nenema kee ale si míedzrana ɖo hafi yia míaƒe kpekpewo la ɖenɛ fiana be míedea bubu gã Yehowa Mawu, si nye 'xexea me katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la' la, kple míaƒe tadeaguƒewo hã ŋu.—1 Mose 18:25.\nBe míaɖee afia be míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woado awu \"le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me\" abe ale si dze ame siwo 'vɔ̃a Mawu' ene. (1 Timoteo 2:9, 10) Awudodo 'le ameŋububu me' fia be míatsri atsyɔ̃ɖoɖo kpeɖii, eye míatsri awu siwo nyɔa dzodzro ɖe ame me kple awu siwo me ametia dzena le la dodo be míagahe amewo ƒe susu ava mía ɖokuiwo dzi o. Nuwɔwɔ 'le ŋuɖɔɖo me' kpena ɖe mía ŋu be míatsri awudodo ɖewoɖewoe alo dzadzraɖo si gbɔ eme. Ke hã, Biblia ƒe mɔfiame siawo kpɔtɔ na ablɔɖe mí be míatia awudodo kple dzadzraɖo ƒomevi vovovo siwo sɔ. Míaƒe dzadzraɖo nyui si nya kpɔna la 'ɖoa atsyɔ̃ na mía Xɔla ƒe nufiafia,' eye wònyea 'kafukafu na Mawu.' (Tito 2:10; 1 Petro 2:12) Esi míedoa awu siwo sɔ hafi yia kpekpeawo ta la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe ale si amewo bua tadedeagu na Yehowae dzi.\nMègagblɔ be awu siwo tɔgbi ame siwo le afi sia do la mele ye si o ta nàgbe Fiaɖuƒe Akpataa me yiyi o. Míate ŋu ado awu siwo sɔ, siwo le dzadzɛ, eye wole nɔnɔme nyui me, ke menye awu xɔasiwo alo esiwo le tsia dzi kokoko o.\nAlekee míaƒe dzadzraɖo le vevie ne míele ta dem agu na Mawu?\nBiblia ƒe mɔfiame kawoe kpena ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo sɔna?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/awudodo-kple-dzadzra%C9%96o\/","date":"2020-06-02T02:20:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422065.56\/warc\/CC-MAIN-20200602002343-20200602032343-00013.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975233078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997523307800293}","num_words":359,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliasɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya Srɔ̃ nu tso ale si Mawu wɔ nukunu aɖe tsɔ ɖo Xizkiya ƒe gbedodoɖa ŋui la ŋu. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia-ŋutinyaa eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me ɖaa! Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Woɖɔ Wò Ðo Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Natan ɖo aɖaŋu na David me? Tsri Dzodzro Vɔ̃wo Wɔ dɔdeasi sia eye nàkpɔ Biblia me ŋutinya si ku ɖe David kple Bat-Seba ŋu la me nudzɔdzɔwo le susu me ɖaa. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Mawu Ðo Eƒe Gbedodoɖa Ŋu Xlẽ nu tso Nexemiya ŋu nàkpɔ ale si wokpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe eƒe futɔwo nui. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya Eʋegbe Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013271\/univ\/art\/502013271_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/mawu-y%C9%94-d%C9%94-xizkiya\/","date":"2020-07-05T07:37:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655887046.62\/warc\/CC-MAIN-20200705055259-20200705085259-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948831201,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994883120059967}","num_words":140,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefo siwo le Sevastopol kple Balakovo gblẽ agbagba aɖe si dziɖuɖumegãwo dze be yewoada agbalẽwo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe teƒewo atsɔ atsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye aglãdzelawo la me.\nWobu fɔ Ðasefo 16 siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la katã be wole gome kpɔm le aglãdzenuwɔwɔ me. Esia nye kpɔɖeŋu gbegblẽ aɖe si woɖo ɖi na dziɖuɖumegãwo si dzi woate ŋu anɔ te ɖo abu Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe mawusubɔsubɔdɔwo be wonye nu vlo wɔwɔ.\nÐe woalé Ðasefo Russiatɔ ŋutifafame 16 siawo ade ga ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/","date":"2020-07-09T03:07:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655897844.44\/warc\/CC-MAIN-20200709002952-20200709032952-00508.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991703033,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991703033447266}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.196,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia-sɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo Tsri Dzodzro Vɔ̃wo Srɔ̃ nu tso David kple Bat-Seba ƒe ŋutinya me. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene! Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Woɖɔ Wò Ðo Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Natan ɖo aɖaŋu na David me? Mawu Yɔ Dɔ Xizkiya Xlẽ Biblia me ŋutinya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wu la ɖa. Mawu Ðo Eƒe Gbedodoɖa Ŋu Xlẽ nu tso Nexemiya ŋu nàkpɔ ale si wokpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe eƒe futɔwo nui. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Tsri Dzodzro Vɔ̃wo BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO Tsri Dzodzro Vɔ̃wo Eʋegbe Tsri Dzodzro Vɔ̃wo https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013333\/univ\/art\/502013333_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/david-kple-bat-seba-dzodzro-v%C9%94%CC%83wo\/","date":"2020-07-16T14:28:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657169226.65\/warc\/CC-MAIN-20200716122414-20200716152414-00326.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9931716919,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9931716918945312}","num_words":131,"character_repetition_ratio":0.099,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TSO gbe aɖe gbe kee kpakpaluʋui dzeani (painted lady, belle-dame) siawo nya kpɔna na Europatɔwo, ke hã womenya nu si tututu dzɔna ɖe wo dzi ne dzomeŋɔli wu enu o. Ðe wokuna ne vuvɔŋɔli dze egɔmea? Numekuku yeye aɖe si wowɔ la ɖe nu tɔxɛ aɖe fia tso kpakpaluʋui siawo ŋu. Ƒe sia ƒe la, kpakpaluʋui siawo ʋuna tso Europa ƒe dziehe vaa Afrika.\nNumekulawo zã yamenutomenudimɔ̃ (radar) deŋgɔwo tsɔ ku nu me le kpakpaluʋui siawo ŋu eye ame bubuwo hã tsɔ wo ɖokuiwo na faa le Europa bliboa be yewoanɔ ŋku lém ɖe kpakpaluʋui siawo ŋu. Numekuku siawo ɖee fia be ne dzomeŋɔli le enu wum la, kpakpaluʋui dzeani miliɔn geɖe ʋuna tso Europa ƒe anyiehe vaa Afrika, wotoa yame ʋĩi anɔ abe meta 500 ene, si wɔnɛ be ƒãa hafi amewo tea ŋu kpɔa wo. Kpakpaluʋui siawo lalaa yaƒoƒo aɖe si dea wo dzi si ƒe dusisi nye kilometa 45 le gaƒoƒo ɖeka me, eye yaƒoƒo sia kplɔa wo vaa Afrika. Ƒe sia ƒe la, wozɔa mɔ kilometa 15,000 tso Artik ƒe yɔyrɔe nu le dziehe gome ɖaa heva wua enu ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika le anyiehe gome ɖaa. Woƒe mɔzɔzɔ sia nyea esi Dziehe Amerikatɔwo ƒe kpakpaluʋui si woyɔna be monarch zɔna la ƒe teƒe eve. Kpakpaluʋui dzeani siawo ƒe dzidzime ade kuna vɔna hafi woƒe mɔzɔzɔ yiyi-kple-gbɔgbɔ ɖeka wua enu.\nNufialagã Jane Hill si fiaa nu le York Yunivɛsiti si le England gblɔ be: \"Kpakpaluʋui dzeani siawo nɔa mɔzɔzɔa dzi henɔa vi ƒom le mɔ dzi.\" Ƒe sia ƒe la, wotoa mɔ sia dzi zɔa mɔ tso Europa vaa Afrika hegbugbɔ yia Europa.\nRichard Fox si nye Kpakpaluʋuiwo Dzi Kpɔƒe ƒe amegã gblɔ be: \"Kpakpaluʋui sia si ƒe kpekpeme mede gram ɖeka teti o, si ƒe ahɔhɔ̃ le abe abui ƒe ta ene eye mesrɔ̃a naneke tso dzidzime si do ŋgɔ nɛ gbɔ o la tea ŋu zɔa Europa kple Afrika mɔ sia.\" Aƒetɔ Fox gblɔ kpee be: \"Amewo bunɛ tsã be ɖeko ya ƒoa kpakpaluʋui siawo nɔa yiyim va se ɖe esime Britaintɔwo ƒe vuvɔŋɔlimeya na woku, eye alea koe wòyia edzi le woƒe dzidzimeviwo hã gome.\" Ke hã numekuku yeye sia \"ɖee fia be Kpakpaluʋui Dzeani sia ƒe mɔzɔzɔa le etɔxɛe ŋutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201312\/kpakpalu%CA%8Bui-dzeani-la-wova-nya-nu-tso-e%C5%8Bu-az%C9%94\/","date":"2020-08-13T23:50:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988245964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988245964050293}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hɔ̃ tea ŋu nɔa yame gaƒoƒo geɖe, ezãna ya xɔdzo si ƒona yia dzi tẽe. Ne xevi sia nya dzo ɖo ya xɔdzoa me ko la ekea eƒe aʋalawo me nɔa xlã ƒom le ya la me, si wɔnɛ be yaa kɔnɛ yia dzi ʋĩi. Ne ya la kɔ hɔ̃a ɖo kɔkɔƒe aɖe la, esaa agba heɖoa ya xɔdzo bubu me, ewɔa esia enuenu\nHɔ̃ mezãa eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ fũu ne ele dzodzom le yame o, kpɔɖeŋu sia fia be ŋusẽ si Mawu naa mí akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔe\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nYehowa Doa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan23-29\/yehowa-doa-%C5%8Bus%E1%BA%BD-ame-%C9%96e%C9%96i-te\/","date":"2020-08-15T08:32:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9869074225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.986907422542572, \"ajg_Latn_score\": 0.013110660016536713}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.983,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ele vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo siaa me. (Ps 25:1, 2) Le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) la, Yudatɔ siwo nɔ Yuda to nɔnɔme sesẽ aɖe si do woƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kpɔ la me. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nudzɔdzɔ ma me. (Ro 15:4) Esi nèkpɔ video si nye \"Oo Yehowa, . . . Ŋuwòe Meɖo Ŋu Ðo\" vɔ la, aleke nàɖo nyabiase siawo ŋui?\nNɔnɔme sesẽ kae Hizkiya do goe?\nAleke Hizkiya wɔ mɔfiame si le Lododowo 22:3 ŋu dɔ esi wònya be futɔwo ava dze yewo dzi?\nNu ka tae Hizkiya medi be yeana ta Asiria alo abla nu kple Egipte o?\nMɔ ka nue Hizkiya nye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔwo le?\nNɔnɔme kawoe doa míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpɔna egbea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan16-22\/yehowa-%C5%8Buw%C3%B2e-me%C9%96o-%C5%8Bu-%C9%96o\/","date":"2020-08-15T09:01:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960132241,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960132241249084}","num_words":131,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! December 2013 | Ðe Nyakakadɔwɔlawo Toa Nyateƒea?\nAme geɖe mexɔa nu siwo woxlẽna le nyadzɔdzɔgbalẽwo me kple nya siwo nyakakadɔwɔlawo gblɔna la dzi se o. Xlẽ nu tso ale si nàdo nyawo kpɔ nyuie, eye le ɣeyiɣi ma ke me la nàlɔ̃ axɔ nya siwo ŋu kpeɖodzi le la dzi ase la ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: dɔdila siwo ƒe ɖaseɖigbalẽ wobu be wokɔkɔ akpa, gbɔgbɔmasuamedɔ, mɔmetsola siwo naa nu bubuwo hea woƒe susu, kple bubuawo.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nXlẽ nu tso ale si nàwɔ ade dzesi nenye be nyakakadɔwɔlawo ƒe nyawo nye nyateƒe la ŋu.\nLANDS AND PEOPLES\nBrazil ƒe kekeme ade Anyiehe Amerika ƒe afã kloe. Xlẽ nu tso ale si wòdzɔe be dekɔnu vovovowo va le Brazil la ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nYesue nye Mawua? Ɣekaɣie wodzi Yesu? Nyateƒe wònye be esi Yesu ku la efɔ ɖe tsitrea?\nHELP FOR THE FAMILY\nMenye nuwɔna dzro aɖe koe toɖoɖo nyuie nye o, ke boŋ enye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiana. Xlẽ nu tso ale si nàwɔ anye toɖola nyui ŋu.\nKpakpaluʋui dzeani siawo kpɔkpɔ doa dzidzɔ na Britaintɔwo tso gbe aɖe gbe ke. Numekulawo va nya nu tso nu si ta kpakpaluʋui siawo buna hena ɣeyiɣi aɖe ƒe sia ƒe la ŋu.\nNyati siwo katã dze le Nyɔ! ƒe 2013 me siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu la diƒe.\nWAS IT DESIGNED?\nWona ŋkɔ domenyiŋusẽfianu be \"nyatakakadzraɖonu gãtɔ.\" Xlẽ nu tso nu si tae la ŋu.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe amewo le wo nya gblɔm la, aleke nàwɔ nui be magagblẽ nu le ŋuwò alo aƒo ɖi wò ŋkɔ o?\nÐe wòle eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu sia? Afɔku kawoe le eme? Ahiãmoɖoɖo koe wònyea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201312\/","date":"2020-08-09T06:48:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738425.43\/warc\/CC-MAIN-20200809043422-20200809073422-00294.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998488009,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984880089759827}","num_words":280,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu do ŋugbe na Abraham nuteƒewɔla la be 'dzidzimevi' si ŋugbe yedo la adzɔ tso eƒe dzidzimeviwo me. Dzidzimevi ma dzie woato ayra \"dukɔwo katã.\" (1 Mose 22:18) Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob va ʋu yi ɖanɔ Egipte-nyigba dzi, eye eƒe ƒomea dzi ɖe edzi le afi ma va zu Israel dukɔ si nɔ anyi le blema.\nEmegbe la, Farao aɖe si nye ŋutasẽla la va wɔ Israel viwo kluviwoe va se ɖe esime Mawu ɖo Mose nyagblɔɖilae; eyae kplɔ dukɔ la dzo le Egipte eye wotso Ƒudzĩ si me ma nukutɔe la. Esia megbe la, Mawu na Se Ewoawo kple se bubuwo Israel viwo be wòafia mɔ wo ahakpɔ wo ta. Se siwo ku ɖe vɔ siwo woasa hena nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke ŋu hã nɔ se mawo me. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Mose wògblɔ na Israel viwo be Mawu adɔ nyagblɔɖila bubu aɖe ɖe wo. Nyagblɔɖila mae anye 'dzidzimevi' si ŋugbe wodo la.\nƑe 400 kple edzivɔ megbe la, Mawu do ŋugbe na Fia David be 'dzidzimevi' si ŋugbe wodo le Eden-bɔa me la ava ɖu fia ɖe fiaɖuƒe aɖe si anɔ anyi tegbee la dzi. Eyae anye Mesia, alo Ðela, si Mawu tia be wòaɖe amegbetɔƒomea eye wòagbugbɔ aɖo Paradiso la anyi ɖe anyigba dzi.\nMawu to David kple nyagblɔɖila bubuwo dzi ɖe nu geɖe fia tso Mesia la ŋu vivivi. Wogblɔe ɖi be abɔbɔ eɖokui ahanyo dɔme, eye dɔwuame, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple aʋawɔwɔ manɔ eƒe fiaɖuƒea me o. Amegbetɔwo katã anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo, eye woanɔ ŋutifafa me kple lãwo gɔ̃ hã. Dɔléle, fukpekpe kple ku nu ayi, elabena womenɔ Mawu ƒe tameɖoɖoa me le gɔmedzedzea me o, eye woafɔ ame siwo ku la woagava nɔ agbe le anyigba dzi ake.\nMawu gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Mixa dzi be woadzi Mesia la le Betlexem, eye wògblɔe ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi be woava wu Mesia la emegbe. Gake Mawu afɔ Mesia la tso ku me eye wòaɖoe Fia le dziƒo. Daniel gblɔe ɖi hã be mlɔeba la, Mesia la ƒe Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe dziɖuɖu bubuwo katã teƒe tegbee. Ðe Mesia la va abe ale si wogblɔe ɖi ene vavã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131001\/mawu-w%C9%94-%C9%96o%C9%96o-be-yea%C9%96e-ame%C6%92omea\/","date":"2020-08-15T07:27:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995777011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995777010917664}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe Taɖodzinu\nMateo 19:14 Yesu gblɔ bena 'Mina ɖeviwo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena wo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.''\nWoɖo Ɖeviwo ƒe Biblia anyi bena woafia Yesu Kristo ŋutinya ɖeviwo to Biblia ŋutinya tata kple agbalẽ bubu siwo hiã la mama me le Intanɛt, kaƒomɔ\/PDAwo, mawunyagbalẽvi kple agbalẽ amadedetɔ siwo wota, le gbe vovovo siwo ɖeviwo ate ŋu ado la me.\nNe anyo la, ele be woama Biblia Ŋutinya sia na ɖevi Biliɔŋ 1.8 siwo le xexea me godoo la ga aɖeke maxɔmaxɔe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/bibleforchildren.org\/languages\/ewe\/home.php","date":"2020-08-04T10:18:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735867.23\/warc\/CC-MAIN-20200804073038-20200804103038-00510.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973096251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973096251487732}","num_words":85,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"LE NYE ÐEVIME LA, MESEA AMEDZUDZU KPLE ƔLIDODO ÐE AME TA GEÐE,\" aleae nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Patricia gblɔ. Eyi edzi be \"Nyemesrɔ̃ tsɔtsɔke o. Togbɔ be metsi fifia hãa, ne ame aɖe dze agɔ le dzinye la, mebua eŋu ŋkeke geɖe hetsia zãdomadɔlɔ̃e.\" Nyateƒee, ame si dzi kuna eye metsɔna kena o la, mekpɔa dzidzɔ o eye menɔa lãmesẽ me hã o. Numekukuwo ɖee fia be ame si metsɔna kena o la ate ŋu . . .\nAna dziku alo dɔmedzoe nagblẽ eya kple amewo dome, si ana wòaɖe eɖokui ɖe aga eye wòatsi akogo\nAna wòanɔ dziku dom ɖe amewo ŋu, atsi dzodzodzoe, alo nu nate ɖe edzi vevie\nAna eƒe susu katã nava nɔ agɔ si wodze le edzi la ŋu ale be wòade dzidzɔ kpɔ ge do kpoe\nAna wòasusu be yemele Mawu subɔm nyuie o\nAna nu nanɔ tetem ɖe edzi kabakaba, eye wòate ŋu ava lé ʋusɔgbɔdɔ, dzidɔ, taɖui kple lãmeveedɔ siwo dometɔ aɖee nye ƒunukpeƒetetedɔ *\nNU KAE NYE TSƆTSƆKE? Tsɔtsɔke fia be woatsɔ ame aɖe ƒe agɔdzedze akee eye woaɖe asi le dziku, dɔmedzoe kple wɔɖenuiwɔwɔ ŋu. Mefia be woade nu gbegblẽ dzi, ana wòadze nu sue aɖe, alo awɔ abe ɖe nua medzɔ o ene o. Ke boŋ tsɔtsɔke nye etiatia be woatsɔ agɔ si wodze le ame dzi la ake faa tso dzi me, esia le vevie elabe ana ŋutifafa nayi edzi anɔ ame si dzi wodze agɔa le kple agɔdzelaa dome.\nNe míetsɔna kena la, ke efia be míenye nugɔmeselawo. Ame si tsɔna kena la, nya be mí katã míedaa vo alo wɔa nu vɔ̃ le nuƒoƒo kple nuwɔna me. (Romatɔwo 3:23) Biblia hã gblɔ nya ma be: \"Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.\"—Kolosetɔwo 3:13.\nEdze ƒãa be tsɔtsɔke nye lɔlɔ̃, si nye \"ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo\" la ƒe akpa vevi aɖe. (Kolosetɔwo 3:14) Eya ta wogblɔ le Mayo Clinic la ƒe nyatakakadzraɖoƒe si le internet dzi be tsɔtsɔke nana . . .\nAmewo dome nɔna nyuie, eye wònana ame sea veve ɖe ame ti, sea nu gɔme na ame, eye wòkpɔa nublanui na agɔdzelaa\nAme ƒe susu dzea akɔ anyi eye Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu\nAme metsia dzi fũu o, nu metena ɖe edzi fũu o, eye mewɔa dzre hã o\nMenɔa bɔbɔe be blanuiléledɔ naɖe fu na ame o\nTSƆ KE ÐOKUIWÒ. Le agbalẽ aɖe (Disability & Rehabilitation) ƒe nya nu la, \"ate ŋu asesẽ be ame natsɔ ake eɖokui,\" ke hã, \"emae nye nu vevitɔ si nana ame nɔa lãmesẽ me le ŋutilã kple susu me.\" Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ ake ɖokuiwò?\nMègasusu be yeawɔ nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi o, ke lɔ̃ ɖe edzi be ame sia ame daa vo.—Nyagblɔla 7:20\nSrɔ̃ nu tso wò vodadaawo me ale be màgawɔ wo ake o\nGbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò; gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo kple nɔnɔme gbegblẽ aɖewo mavɔ enumake o.—Efesotɔwo 4:23, 24\nDe ha kple xɔlɔ̃ siwo ade dzi ƒo na wò, siwo si susu nyui le, ame siwo nyoa dɔme eye womeɖɔa kesekuku na ame o.—Lododowo 13:20\nNe èdze agɔ le ame aɖe dzi la, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi eye nàɖe kuku enumake. Ne èwɔ ŋutifafa kple amewo la, ana wò dzi nadze eme.—Mateo 5:23, 24\nMƆFIAME SIWO LE BIBLIA ME ÐEA VI!\nEsi Patricia si ŋu nya míegblɔ va yi, srɔ̃ Biblia la, esrɔ̃ ale si wòatsɔ ake. Egblɔ be, \"Mevo tso dzikudodo si nɔ nu gblẽm le ŋunye la si me. Nyemegakpea fu o, eye nyemenana ame bubuwo kpea fu o. Biblia ƒe mɔfiamewo ɖo kpe edzi be Mawu lɔ̃ mí, eye wòdi be eme nanyo na mí.\"\nŊutsu aɖe si ŋkɔe nye Ron gblɔ be: \"Nyemate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nuwɔnawo kple nuŋububuwo dzi o. Gake mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe tɔnye ya dzi. Ne medi be nye tome nafa la, ke ele be maɖe asi le dziku ŋu. Ðeko meva le ŋutifafa kple dzikudodo kpɔm abe ale si dziehe didi tso anyiehe gbɔ ene. Asesẽ be manɔ teƒe eveawo le ɣeyiɣi ɖeka me. Fifia, dzitsinya nyui va le asinye.\"\n^ mm. 8 Nyatsoƒe: Mayo Clinic and Johns Hopkins Medicine websites and the journal Social Psychiatry and Psychiatric Epidemiology.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/nu-si-nana-wokp%C9%94a-dzidz%C9%94-ts%C9%94ts%C9%94ke\/","date":"2020-08-12T17:52:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738913.60\/warc\/CC-MAIN-20200812171125-20200812201125-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974030256,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974030256271362}","num_words":693,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Tiro Ŋu Do Ŋusẽ Mí Be Míaka Ðe Yehowa Ƒe Nyawo Dzi\nEzekiel ƒe agbalẽa gblɔ ale si woatsrɔ̃ Tiro la ɖi tsitotsito.\n-\n26:7-11\nƔeaɖeɣi le ƒe 607 D.Y. megbe la, ame kae va tsrɔ̃ Tiro dugã la?\n-\n26:4, 12\nLe 332 D.Y. me la, ame kae zã dugã la ƒe gli gbagbãwo tsɔ do mɔ yi ɖatsrɔ̃ Tiro ƒukpo la?\nNyagblɔɖi ka mevavae nèle mɔ kpɔ na vevie?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july31-aug6\/nyagbl%C9%94%C9%96i-si-ku-%C9%96e-tiro-%C5%8Bu\/","date":"2020-08-12T19:16:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738913.60\/warc\/CC-MAIN-20200812171125-20200812201125-00126.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998688698,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998688697814941}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.303,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye xɔ dzro aɖe koe míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nye o; wonye tadeaguƒe siwo ŋu wokɔ na Yehowa. Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu? Mikpɔ video si nye Beléle Na Míaƒe Tadeaguƒewo eyome midzro biabia siwo gbɔna me.\nTaɖodzinu kawoe le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu?\nNu ka tae wòle be míalé be na Fiaɖuƒe Akpata ahana wòanɔ dzadzɛ?\nAme kawoe wòle be woalé be na Fiaɖuƒe Akpataa?\nNu ka tae dedienɔnɔ le vevie, eye esia ƒe kpɔɖeŋu kawoe nède dzesii le videoa me?\nAleke míetoa míaƒe nudzɔdzɔwo dzi dea bubu Yehowa ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may-8-14\/bel%C3%A9le-na-fia%C9%96u%C6%92e-akpata\/","date":"2020-08-05T16:59:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735963.64\/warc\/CC-MAIN-20200805153603-20200805183603-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987301826,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987301826477051}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.12,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Eye Yona do gbe ɖa na eƒe Mawu Yehowa tso ƒumelã la ƒe dɔme,+ 2 eye wògblɔ be: \"Medo ɣli yɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.+ Medo ɣli tso Tsiẽƒe* ʋĩi* ke be nàxɔ nam.+ Èse nye gbe. 3 Esi nètsɔm ƒu gbe ɖe gogloeƒe, ɖe atsiaƒu titina la,Ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye.+ Wò tsi kpakawo kple ƒutsotsoewo katã to tanye yi.+ 4 Eye megblɔ be: 'Wonyam ɖa le ŋkuwòme! Aleke mawɔ agakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la?' 5 Tsiwo ŋe tsyɔ dzinye eye nye agbe ɖo afɔku me;*+Tsi goglo la nyè tsyɔm. Gbewo xatsa ɖe ta nam. 6 Meyi to de towo ƒe agunu ke. Anyigba ƒe gametiwo do ɖe nunye tegbee,Ke èɖe nye agbe do goe tso do la me, Oo Yehowa nye Mawu.+ 7 Esi nye agbe* nu nɔ tsotsom la, Yehowae nye Ame si dzi meɖo ŋkui.+ Eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.+ 8 Ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu la gblẽ woƒe lɔlɔ̃ vavã* tsoƒe ɖi. 9 Ke nye la matsɔ akpedagbe akafu wò eye masa vɔ na wò. Mawɔ adzɔgbe si meɖe la dzi.+ Yehowa gbɔe xɔname tsona.\"+ 10 Eye Yehowa de se na tɔmelã la, ale wòyi ɖadzɔ Yona ɖe gota.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ƒe dɔme.\"\n^ Alo, \"Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ.\"\n^ Alo, \"luʋɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"woƒe nuteƒewɔwɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yona\/2\/","date":"2020-09-26T13:07:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400241093.64\/warc\/CC-MAIN-20200926102645-20200926132645-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984907508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984907507896423}","num_words":220,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"4 Azɔ Adam dɔ kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu.+ Esi wòdzi Kain+ la, egblɔ be: \"Yehowa kpe ɖe ŋunye medzi ŋutsuvi.\" 2 Emegbe la, edzi nɔvia Abel.+ Abel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela. 3 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kain tsɔ anyigbadzikutsetse aɖewo sa vɔe na Yehowa. 4 Abel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi aɖewo vɛ+ hekpe ɖe woƒe amiteƒewo ŋu. Abel kple eƒe vɔsa la dze Yehowa ŋu,+ 5 ke Kain kple eƒe vɔsa ya medze eŋu o. Eye Kain do dɔmedzoe helĩhelĩ heyɔ mo. 6 Ale Yehowa gblɔ na Kain be: \"Nu ka tae nèdo dɔmedzoe heyɔ mo? 7 Ne ètrɔ hewɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò oa?* Ke ne mètrɔ hewɔ nyui o la, ekema nu vɔ̃ de xa ɖe mɔnu na wò, eye wòdi vevie be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò; gake ɖe màɖu edzi oa?\" 8 Emegbe Kain gblɔ na nɔvia Abel be: \"Na míayi gbe me.\" Esi wole gbea me la, Kain dze nɔvia Abel dzi hewui.+ 9 Emegbe Yehowa bia Kain be: \"Afi kae nɔviwò Abel le?\" Eye wòɖo eŋu be: \"Nyemenya o. Nɔvinye dzi kpɔlae menyea?\" 10 Eye Mawu gblɔ be: \"Nu kae nye esi nèwɔ? Se ɖa! Nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom nam tso anyigba dzi.+ 11 Azɔ woƒo fi de wò henya wò ɖa le anyigba si ke nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu tso asiwò me la dzi.+ 12 Ne ède agble ɖe anyigbaa dzi la, mawɔ nu na wò o.* Tsatsala kple sisilae nàzu le anyigba dzi.\" 13 Ale Kain gblɔ na Yehowa be: \"Nye vodada ŋuti tohehe la kpe wu tsɔtsɔ.\" 14 Ènyam ɖa le anyigba la dzi egbea, eye madzo le wò ŋkuta; mazu tsatsala kple sisila le anyigba dzi, eye ame sia ame si akpɔm la, awum kokoko.\" 15 Yehowa gblɔ nɛ be: \"Esia ta ame sia ame si awu Kain la, woabia hlɔ̃e zi adre.\" Eye Yehowa de dzesi Kain, be ame sia ame si akpɔ Kain la nagawui o. 16 Ale Kain dzo le Yehowa ŋkume heva nɔ Aboyonyigba* dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.+ 17 Emegbe Kain dɔ kple srɔ̃a,+ eye wòfɔ fu dzi Enok. Eye wòtso du hetsɔ via Enok ƒe ŋkɔ na dua. 18 Emegbe wodzi Irad na Enok. Irad dzi Mehuyael, Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamek. 19 Lamek ɖe srɔ̃ eve. Gbãtɔ ŋkɔe nye Ada, eye evelia ŋkɔe nye Zila. 20 Emegbe Ada dzi Yabal. Eyae nye ame siwo nɔa agbadɔwo me henye lãnyilawo dometɔ gbãtɔ. 21 Nɔvia ŋkɔe nye Yubal. Eyae nye ame siwo katã ƒoa saŋku hekua dze la dometɔ gbãtɔ. 22 Zila hã dzi Tubal-Kain, eye eyae nye akɔbli kple gayibɔ nuwo katã ƒomevi tula. Tubal-Kain nɔvinyɔnue nye Naama. 23 Eye Lamek kpa ha sia na srɔ̃a Ada kple Zila: \"Mi Lamek srɔ̃wo, mise nye gbe;Milé to ɖe nye nyawo ŋu: Mewu ŋutsu aɖe, elabena ede abi ŋunye,Ɛ̃, mewu ɖekakpui aɖe, elabena eƒom. 24 Ne zi adree woabia hlɔ̃ ame si awu Kain la,+Ekema woabia hlɔ̃ ame si awu Lamek ya zi blaadre vɔ adre.\" 25 Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Set,*+ elabena egblɔ be: \"Mawu gaɖo dzidzimevi bubu Abel teƒe nam, elabena Kain wui.\"+ 26 Wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe be Enos.+ Ɣemaɣie amewo de asi Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ɖe womado wò ɖe dzi oa?\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"magbugbɔ eƒe ŋusẽ ana wò o.\"\n^ Alo, \"Nod-nyigba.\"\n^ Egɔmee nye \"Gaɖo Eteƒe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/4\/","date":"2020-10-30T04:26:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107907213.64\/warc\/CC-MAIN-20201030033658-20201030063658-00254.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988991618,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988991618156433}","num_words":548,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã\nƑe 2,000 kloe nye esia la, wode se na Kristotɔwo be \"milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.\" Ðe Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe sedede sia dzia? Video sia na míekpɔ mɔ etɔ̃ siwo nu míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa le taɖodzinu sia gbɔ ɖom dzidzedzetɔe: 1) gbeƒãɖeɖedɔa, 2) kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu, kple 3) kpekpe ɖekae hena tadede agu na Yehowa Mawu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/videowo\/m%C3%ADa-n%C9%94viwo-%C6%92e-hab%C9%94b%C9%94-bliboa-kat%C3%A3\/","date":"2020-11-01T02:08:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107922746.99\/warc\/CC-MAIN-20201101001251-20201101031251-00676.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946397543,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946397542953491}","num_words":64,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èdzra Ðo Vɔ Na Yiyia?\n▪Na afika yiyi? \"Toɖoɖo Mawu\" Nutome Gã Takpekpe si Yehowa Ðasefo awɔ ye! Wodze ŋkeke etɔ̃ takpekpe sia gɔme le United States le May ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ me, eye woawɔe atre ɖe enu ɣleti geɖe, le dugã geɖewo me le xexeame katã. Ðewohĩ woawɔ ɖe le dugã aɖe si te ɖe ŋuwò me.\nLe teƒe geɖe la, woadze wɔnawo gɔme ŋdi 9:30 kple hadzidzi. Tanya si dzi woatu Fiɖagbe wɔnawo ɖoe nye \"Mise Nye Gbe, Ne Manye Miaƒe Mawu.\" (Yeremya 7:23) Ne woƒo nuƒo siwo nye \"'Wowɔ Mí Nukutɔe'\" kple \"Nusita Wòle Be Nàbu Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Nu Ŋutɔŋutɔe\" vɔ megbe la, woaƒo nuƒo tɔxɛ si nye, \"Srɔ̃ Amesi Ðo Kpɔɖeŋu Ði le Toɖoɖo Mawu Me\" atsɔ awu ŋdikpa dzi wɔnawo nui.\nWoaƒo nuƒo siwo nye \"Yi Edzi 'Nàbu Gbɔgbɔ la Ŋu,' eye Nànɔ Agbe,\" \"Kpɔ Nyuie le Ŋukeklẽ Ƒomevi Ðesiaɖe Ŋu,\" kple \"Miganɔ 'Gli, Siwo Wokpa Kple Aɖaŋu' la Yome O\" le Fiɖagbe ŋdɔ. Emegbe, woaƒo nuƒo kpui eve siwo me woagblɔ nu vevi siwo le Biblia-gbalẽ siwo nye Xagai kple Zaxarya me. Woawu ŋkekea ƒe wɔnawo nu kple nuƒo si nye \"Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie!\"\nMemleɖagbe wɔnawo ƒe tanyae nye \"Tso Dzime Míeɖoa To\" \"le Nusianu Me,\" eye Romatɔwo 6:17 kple Korintotɔwo II, 2:9 me nyawo dzie wotui ɖo. Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃ siwo wotu ɖe tanya si nye \"Ƒome Siwo Wɔa Mawu ƒe Gɔmeɖosewo Dzi la Kpɔa Dzidzɔ\" dzi le ŋdikpa dzi. Woawɔ wɔwɔfiawo ahabia gbe amewo ku ɖe nusi ƒomea me tɔwo katã—srɔ̃ŋutsua, srɔ̃nyɔnua, kple ɖeviawo—awɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me ŋu. Nuƒo si nye 'Na Wò Ẽ Nanye E' ye woatsɔ awu ŋdi me wɔnawo nue, eye emegbe mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo dze si be woaxɔ nyɔnyrɔ.\nNuƒo siwo nye \"Ðe Ŋku Ða le Nu Dzodzrowo Kpɔkpɔ Ŋu\" kple \"Mitrɔ Va Mia Luʋɔwo Kplɔla la Gbɔ\" nye esiwo woaƒo le Memleɖagbe ŋdɔ me dometɔ aɖewo. Woaƒo nuƒo kpui eve si wotu ɖe tanya si nye \"Miɖo To Mia Ŋgɔxɔlawo\" dzi ɖe wo yome. \"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?\" ye nye nuƒo mamlɛ si woaƒo ŋdɔ ma eye wònye takpekpea ƒe nuƒo vevi aɖe.\nKwasiɖagbe ŋdi ƒe wɔnawo aku ɖe tanya si nye 'Ðo To Nya Siawo Katã be Eme Nanyo Na Wò' ŋu eye wotui ɖe Mose V, 12:28 dzi. Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃ aɖewo le tanya si nye \"Kpe Ðe Amewo Ŋu Woaɖo To Nusi Biblia Fia\" me, eye woaɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme ahayi wo wɔwɔ dzi nyuie me.\nDrama si me woado blemanuwo le, si ƒe tanyae nye \"Ti Taɖodzinu Siwo Dzea Mawu Ŋu Yome,\" lae ahe ŋdikpa dzi ƒe wɔnawo ava nuwuwui. Woaƒo nuƒo si nye \"Sɔhɛwo—Ðe Míaƒe Taɖodzinuwo Ana Miakpɔ Dzidzedzea?\" do ŋgɔ teti na dramaa wɔwɔ. Nuƒo sia adzra ame ɖo ɖe Biblia me drama si ku ɖe ɖekakpui Timoteo ŋu, amesi ɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me na sɔhɛ siwo li egbea. Woaƒo dutoƒonuƒo si nye \"Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?\" le takpekpea ƒe akpa mamlɛa, le Kwasiɖagbe ŋdɔ me.\nWɔ ɖoɖo fifia be nàyi takpekpea. Be nàkpɔ takpekpe wɔƒe si te ɖe ŋuwò la, yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me nàva bia alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Teƒe siwo woawɔ takpekpeawo le ƒe ɖewo dze le Gbetakpɔxɔ March 1 ƒe tata me.—g05 6\/8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20051008\/%C3%88dzra-%C3%90o-V%C9%94-Na-Yiyia\/","date":"2020-11-29T15:09:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141198409.43\/warc\/CC-MAIN-20201129123729-20201129153729-00494.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982402921,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982402920722961}","num_words":546,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Aɖe Li Si Nye Wò Aɖaŋuɖola Le Mawusubɔsubɔ Mea?\nUZIYA zu anyiehefiaɖuƒe si nɔ Yuda la ƒe fia esime wòxɔ ƒe 16 pɛ ko. Eɖu fia ƒe 50 kple edzivɔ, tso ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze. Tso Uziya ƒe ɖevime ke la, eyi edzi wɔ \"nusi dze Yehowa ŋu.\" Nu kae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi wòwɔ nu dzɔdzɔe? Ŋutinya me nuŋlɔɖia gblɔ be: \"[Uziya di] Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.\"—Kronika II, 26:1, 4, 5.\nMíenya nu boo aɖeke tso Zaxarya sia si nye fia ƒe aɖaŋuɖola ŋu to vovo na nu si woŋlɔ tso eŋu le Biblia me nuŋlɔɖi sia me o. Ke hã, Zaxarya si nye 'ame si fia Mawu vavã la vɔvɔ̃' Uziya ɖekakpui dziɖula sia la, kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe edzi be wòwɔ nu dzɔdzɔe. The Expositor's Bible gblɔ be edze ƒã be Zaxarya \"nye ŋutsu aɖe si nya Ŋɔŋlɔawo nyuie, ame si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le mawusubɔsubɔ me, eye wònye ame si te ŋu fia nu si wònya la amewo.\" Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ tso Zaxarya ŋu be: \"Enya nyagblɔɖiwo nyuie eye . . . wònye ŋutsu nyanu, si do vevie mawusubɔsubɔ, heganye ame nyui aɖe; edze abe ekpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Uziya dzi ene.\"\nUziya ƒe nuteƒewɔwɔ he yayra geɖewo vae nɛ, eye \"ekpɔ ŋusẽ tso me\" elabena \"Mawu de edzi.\" Ɛ̃, eƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbɔgbɔ me gomee na be nu dze edzi nɛ le ŋutilã me hã le 'Zaxarya ƒe agbenɔɣi katã.' (Kronika II, 26:6-8) Esi nu dze edzi na Uziya vɔ megbe la, egblẽ eƒe aɖaŋuɖola si nye Zaxarya ƒe nufiamewo ɖi. Uziya de \"asi dàda me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa . . . o.\" Le eƒe bubumademade Mawu ŋu ƒe nuwɔna aɖe koŋ ta la, wotsɔ ŋutigbalẽmedɔléle nyɔŋu aɖe ƒoe, si na be megate ŋu dze aɖu dzi abe fia ene bliboe o.—Kronika II, 26:16-21.\nAme aɖe le asiwò si míate ŋu ayɔ be nufiala alo, aɖaŋuɖola, si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò be 'nàdi Mawua'? Aɖaŋuɖola ate ŋu anɔ asiwò eɖanye sɔhɛ loo ame tsitsi loo ŋutsu loo alo nyɔnue nènye o. De asixɔxɔ aɖaŋuɖola ma ŋu, elabena eƒe nuxlɔ̃amewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ nu dzɔdzɔe wɔm le Yehowa ŋkume. Ðo to Kristotɔ gbɔgbɔmeme tsitsi sia, eye nàlé to ɖe eƒe aɖaŋu siwo wòɖona na wò la ŋu nyuie. Megadzɔ gbeɖe be nàgbe wɔwɔ ɖe ame sia si 'le Mawu vavã la vɔvɔ̃ fiam' wò ƒe nya siwo me nunya le la dzi o.—Lododowo 1:5; 12:15; 19:20.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071215\/Ame-A%C9%96e-Li-Si-Nye-W%C3%B2-A%C9%96a%C5%8Bu%C9%96ola-Le-Mawusub%C9%94sub%C9%94-Mea\/","date":"2020-11-28T12:23:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195417.37\/warc\/CC-MAIN-20201128095617-20201128125617-00298.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970762134,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970762133598328}","num_words":432,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Nàwɔ Awɔ Nyametsotso Nyuiwo?\nB LEMA Israel-fia Salomo gblɔ be, 'Nunyala asee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi.' Mía dometɔ akpa gãtɔ wɔ nyametsotso gbegblẽwo kpɔ le esi míegbe ame bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ ta.—Lododowo 1:5.\nWova ŋlɔ Salomo ƒe nya mawo kple abebubu siwo katã va nye \"abe akpe etɔ̃\" la ɖe Biblia me emegbe. (Fiawo I, 5:12) Ðe míate ŋu akpɔ viɖe tso eƒe nya siwo me nunya le la nyanya kple wo dzi wɔwɔ mea? Ẽ. Wokpena ɖe mía ŋu 'be míadze nunya kple amehehe, eye míase nuƒo siwo me nunya le gɔme, ne míaxɔ amehehe, si fiaa gɔmesese ame, dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ na mía ɖokui.' (Lododowo 1:2, 3) Mina míadzro mɔfiame atɔ̃ siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo me.\nBu Emetsonu Siwo Nɔa Anyi Didina Ŋu\nNyametsotso aɖewo me tsonuwo kpena. Eyata dze agbagba nàkpɔ nusi esiawo anye la adze sii do ŋgɔ. Kpɔ nyuie be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖewo nagagbã ŋku na wò be màte ŋu akpɔ emetsonu vɔ̃ si nɔa anyi ɣeyiɣi didi la o. Lododowo 22:3 xlɔ̃ nu be: \"Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.\"\nAnyo be nàŋlɔ emetsonu siwo nɔa anyi xɔa ɣeyiɣi kpui kple esiwo xɔa ɣeyiɣi didi la ɖe agbalẽ dzi. Ɣeyiɣi kpui ƒe viɖe si anɔ dɔ aɖe ƒomevi tiatia me ate ŋu anye fetu nyui xɔxɔ kple dɔ dodzidzɔname. Gake ɖe emetsonu siwo nɔa anyi eteƒe didina la anye dɔwɔwɔ kplalaa ko etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke manɔmeea? Ðe wòava bia emegbe be nàʋu ayi teƒe bubu, ɖewohĩ le adzɔge tso xɔ̃wòwo alo ƒowòmetɔwo gbɔa? Ðe wòade wò afɔku me alo ati wò ale gbegbe be nàde dzi ɖe ge ɖi do kpoea? Da viɖeawo kple kuxiawo kpɔ, emegbe nàtso nya me le esi nàtsɔ ŋu.\nGbɔ Dzi Ði\nNyametsotso siwo wowɔna dzitsitsitɔe ate ŋu azu esi womewɔ le nunya me o bɔbɔe. Lododowo 21:5 xlɔ̃ nu be: \"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.\" Le kpɔɖeŋu me, ele be ƒewuivi siwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo dzro la nagbɔ dzi ɖi hafi atso nya me be yewoaɖe yewo nɔewo. Ne menye nenema o la, nya si ƒe alafa 18 lia ƒe gɔmedzedze me Eŋlisi fefeŋlɔla William Congreve gblɔ ava eme na wo be, \"Ne míetsɔ dzitsitsi ɖe srɔ̃e la, ava ve mí emegbe ɣeyiɣi didi aɖe.\"\nGake mele be míase dzigbɔgbɔɖi gɔme be megbelelehehe o. Nyametsotso aɖewo wɔwɔ le vevie ale gbegbe be nunya bia be woawɔ wo enumake alesi wòanya wɔe. Be woahe megbelele yakatsyɔ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋutɔwo alo ame bubuwo ŋu vevie. Nyametsotso aɖe hehe ɖe megbe ŋutɔ hã ate ŋu azu nyametsotso le eɖokui si—si ate ŋu anye esi me nunya mele o.\nÐo To Nàse Aɖaŋuɖoɖo\nEsi nɔnɔme eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo tututu o ta la, ame eve mawɔ nyametsotso ɖeka ma ke ne wodze ŋgɔ nɔnɔme ɖeka tɔgbee o. Ke hã, viɖe le eme be míaɖo to ase alesi amewo tso nya me le woƒe nya siwo ɖi mía tɔ ŋu. Bia wo alesi wokpɔ tso nyametsotso si wowɔ la ŋu fifia. Le kpɔɖeŋu me, ne èbe yeatia dɔ aɖe la, bia amesiwo le dɔa wɔm xoxo be woagblɔ viɖe kple kuxi siwo le dɔ sia me na wò. Viɖe kawo kpɔmee wole tso tiatia si wowɔ la me eye kuxi alo afɔku kawoe le eme?\nWòxlɔ̃ nu mí be, \"Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.\" (Lododowo 15:22) Le nyateƒe me la, ne míele aɖaŋuɖoɖo dim tso ame bubuwo gbɔ hele nu srɔ̃m tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo me la, ele be míawɔe kple gɔmesese blibo be mía ŋutɔwoe awɔ nyametsotso mamlɛtɔa ahatsɔ esia wɔwɔ me tsonuwo ƒe agba.—Galatiatɔwo 6:4, 5.\nÐo To Dzitsinya si Womla Nyuie\nDzitsinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotsowo wòawɔ ɖeka kple gɔmeɖose vevi siwo nu míetia be míanɔ agbe ɖo. Le Kristotɔ gome la, esia fia dzitsinya la mamla be wòasɔ ɖe Mawu ƒe tamesusuwo nu. (Romatɔwo 2:14, 15) Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be: \"Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.\" (Lododowo 3:6) Ele eme baa be le go aɖewo me la, ame eve—siwo si dzitsinya si womla nyuie le—ƒe nyataƒoƒowo ate ŋu ato vovo si awɔe be woawɔ nyametsotso siwo to vovo ya.\nGake dzitsinya si womla nyuie maɖe mɔ ɖe nuwo ŋu nenema o ne nyaa ku ɖe nuwɔna siwo ŋu Mawu ƒe Nya tsi tre ɖo ŋu tẽ. Le kpɔɖeŋu me, dzitsinya si wometsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo mla o aɖe mɔ ŋutsu kple nyɔnu nato wo nɔewo gbɔ nɔnɔ me ado woƒe sɔsɔ na wo nɔewo akpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Woabui be yewowɔ nyametsotso si me nunya le ahanɔ susum be ana yewomaƒo yewo ɖokui ɖe srɔ̃ɖeɖe kpata si me nunya mele o me o. Woƒe dzitsinya maɖe fu na wo o. Ke hã, amesiame si si Mawu ƒe nukpɔsusu le le gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la awɔ nyametsotso si ato vovo na ɣeyiɣi kpui ƒe ɖoɖo kple agbegbegblẽnɔnɔ sia tɔgbe.—Korintotɔwo I, 6:18; 7:1, 2; Hebritɔwo 13:4.\nAlesi Wò Nyametsotso Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Bubuwo Dzii\nZi geɖe la, wò nyametsotsowo akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Eyata mègaɖoe koŋ awɔ nyametsotso si me nunya mele o—alo bometsitɔ—si ate ŋu agblẽ mia kple xɔ̃wò kpakple ƒometɔwo, alo ƒo wo katã ta la, mia kple Mawu dome gbeɖe o. Lododowo 10:1 gblɔ be: \"Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.\"\nDe dzesii be le go bubu me la, ele vevie be woatso nya me le xɔlɔ̃wo ƒe kadodowo ŋu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, àtso nya me be yeaɖe asi le subɔsubɔnukpɔsusu siwo nèva nya azɔ be wotsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu la ŋu. Alo àtso nya me be yeawɔ tɔtrɔ gãwo le wò amenyenye ŋu elabena èdi vevie be yeana yeƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame siwo nèva xɔ fifia nu. Ðewohĩ wò nyametsotsoa madzɔ dzi na xɔ̃wò alo ƒowòmetɔ aɖewo o, gake nyametsotso ɖesiaɖe si doa dzidzɔ na Mawu nye nyametsotso si me nunya le.\nWɔ Nyametsotso Gãtɔ Kekeake la Nunyatɔe\nAme akpa gãtɔ menya be amesiame si li egbea la dze ŋgɔ agbe kple ku ƒe nyametsotso aɖe wɔwɔ o. Nɔnɔme sia tɔgbe dze ŋgɔ blema Israel-viwo esi woƒu asaɖa anyi ɖe Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me. Mose, si nye Mawu ƒe nyanuɖela la, gblɔ na wo be: \"Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.\"—Mose V, 30:19, 20.\nBiblia ƒe nyagblɔɖi kple akɔntabubu ɖee fia be míele \"ɣeyiɣi vɔ̃wo\" me eye be 'xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.' (Timoteo II, 3:1; Korintotɔwo I, 7:31) Woahe tɔtrɔ si ƒe nya wogblɔ ɖi la ava nuwuwui ne wotsrɔ̃ amegbetɔ ƒe nuɖoanyi si ŋu wɔna vɔ le la si teƒe Mawu ƒe xexeme yeye si me dzɔdzɔenyenye le axɔ ɖo.\nMíele xexeme yeye ma ƒe liƒo dzi. Àyi ɖe eme akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea tea? Alo woaɖe wò ɖa le anyigbaa dzi ne wole Satana ƒe nuɖoanyia ɖem ɖa? (Psalmo 37:9-11; Lododowo 2:21, 22) Alesi míanɔ agbee fifia ŋuti nyametsotsoa nye esi wò ŋutɔ nàwɔ eye wònye nyametsotso si anye agbe kple ku tɔ nyateƒe. Àdi be woakpe ɖe ye ŋu le nyametsotso nyuitɔ, si nye esi me nunya le la wɔwɔ mea?\nAgbe ƒe nyametsotsoa wɔwɔ bia be míasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu gbã. Sɔlemehawo do kpo nudidi siawo fiafia nyuie le go geɖe me. Woƒe ŋgɔnɔlawo ble amewo de alakpanyawo dzixɔxɔse kple nusiwo medzea Mawu ŋu o la wɔwɔ me zi geɖe. Woŋe aɖaba ƒu alesi wòhiãe be ame ŋutɔ nawɔ nyametsotso asubɔ Mawu \"le gbɔgbɔ kple nyateƒe me\" la me ɖeɖe dzi. (Yohanes 4:24) Le esia ta ame akpa gãtɔ mewɔnɛ alea o. Gake de dzesi nusi Yesu gblɔ: \"Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.\"—Mateo 12:30.\nYehowa Ðasefowo tsɔa dzidzɔ kpena ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze nyuitɔ nasu wo si. Wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒowo edziedzi le ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ na wo dzi. Amesiwo di be ɖoɖo sia naɖe vi na yewo nete ɖe Ðasefo siwo le wo gbɔ ŋu alo aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ sia talawo.\nNyateƒee, Mawu ƒe nudidiwo ŋuti sidzedze vevi aɖewo anɔ ame aɖewo si xoxo. Ðewohĩ woxɔ Biblia ƒe nyateƒenyenye kple kakaɖedzi si le eŋu dzi se gɔ̃ hã. Ke hã, wo dometɔ aɖewo he nyametsotso si woawɔ be woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbee na Mawu la ɖe megbe. Nukatae? Anye le susu geɖewo tae.\nÐe wòanye be womenya vevienyenye si le esia wɔwɔ ŋu oa? Yesu gblɔ eme kɔ be: \"Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.\" (Mateo 7:21) Biblia me sidzedze ɖeɖe mesɔ gbɔ o; ebia nuwɔna. Kristo-hame gbãtɔa ɖo kpɔɖeŋua ɖi. Míexlẽ le ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo ŋu be: \"Esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyui gblɔm la dzi se la, [wonyrɔ] wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo.\" (Dɔwɔwɔwo 2:41; 8:12) Le esia ta, ne ame aɖe xɔ Mawu ƒe Nya kple dzidzɔ, xɔ nusi wògblɔ la dzi se, hetrɔ eƒe agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, nukae axe mɔ nɛ be wòagaxɔ nyɔnyrɔ wòanye eƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe dzesi o? (Dɔwɔwɔwo 8:34-38) Le nyateƒe me la, be eƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be wòaɖe afɔ sia tso eƒe dzi me kple dzidzɔ.—Korintotɔwo II, 9:7.\nAme aɖewo ase le wo ɖokui me be sidzedze boo aɖeke mesu yewo si ne yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖe adzɔgbee na Mawu o. Gake sidzedze ʋɛ aɖe koe nɔa amesiame si dze agbe yeye aɖe nɔnɔ gɔme si. Dɔwɔla bibi kae agblɔ be yenya nusiwo katã yenya egbea la le yeƒe dɔa ƒe gɔmedzeɣi ke? Nyametsotso be woasubɔ Mawu bia Biblia ƒe nufiafiawo kple gɔmeɖose veviwo ŋuti sidzedze ƒe amesinɔnɔ, tsɔ kpe ɖe didi vevie be míanɔ agbe ɖe enu ŋu ko.\nÐe ame aɖewo hea woƒe nyametsotso wɔwɔ ɖe megbe le vɔvɔ̃ be yewoado kpo agbenɔnɔ ɖe enu taa? Dzitsitsi be yeava do kpo nu ƒe seselelãme si sɔ nɔa dɔ geɖe siwo me amegbetɔwo ƒoa wo ɖokui ɖo me. Ŋutsu si tso nya me be yeaɖe srɔ̃ ahadzi viwo la ase le eɖokui me be yemesu te tututu o, gake eɖokui ƒoƒo ɖe eme doa ŋusẽe be wòawɔ etɔ sinua alesi dze. Nenema kee sɔhɛ si xɔ ʋukuku ƒe mɔɖegbalẽ anɔ vɔvɔ̃m na afɔkudzedze—vevietɔ ne enya nu tso akɔntabubu siwo fia be sɔhɛ ʋukulawoe dzea afɔku kabakaba wu ame tsitsiwo la ŋu. Gake nusia nyanya ate ŋu aɖe vi nɛ ahaʋãe be wòaku ʋu le ŋuɖɔɖɔɖo vevie me. Menye sisi le mɔɖegbalẽa xɔxɔ nue nye egbɔkpɔnu kura o!\nTso Nya Me be Yeanɔ Agbe!\nBiblia fia be egbegbe ƒe dunyahehe, ganyawo, kple xexeame katã ƒe subɔsubɔhawo ƒe nuɖoanyi si li fifia kpakple amesiwo wɔa ɖeka kplii nu ayi le anyigba dzi kpuie. Ke hã, amesiwo tso nya me nunyatɔe be yewoanɔ agbe eye wowɔ nu wòsɔ ɖe enu la asusɔ. Esi woanye amesiwo atsi agbe ahanye xexeme yeye habɔbɔ ƒe gɔmeɖoanyi ta la, woakpɔ gome le anyigba tɔtrɔ wòazu paradiso, abe alesi Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea ene me. Adzɔ dzi na wò be nàkpɔ gome le dɔ dodzidzɔname sia me le Mawu ƒe mɔfiafia tea?\nNe nenemae la, tso nya me be yeasrɔ̃ Mawu ƒe Nya. Tso nya me be yeasrɔ̃ Mawu ƒe nudidi siwo dzea eŋu. Tso nya me be yeawɔ wo katã dzi. Ƒo wo katã ta la, tso nya me be yeawɔ yeƒe nyametsotsowo dzi ade goe. Ne míagblɔe kpuie la, tso nya me be yeanɔ agbe!\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nZã ɣeyiɣi geɖe ɖe nyametsotso veviwo wɔwɔ ŋu\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nLɔ̃ faa nàxɔ aɖaŋuɖoɖowo le dɔwɔɖui tiatia me\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nAmesiwo tiae be yewoasubɔ Mawu fifia akpɔ gome le anyigba tɔtrɔ wòazu paradiso me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031015\/Aleke-N%C3%A0w%C9%94-aw%C9%94\/","date":"2020-11-26T03:24:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141186414.7\/warc\/CC-MAIN-20201126030729-20201126060729-00266.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988614321,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988614320755005}","num_words":2053,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afikae Nàte Ŋu Axɔ Hehe Nyuitɔ Kekeake Le?\n\"Alesi ko woate ŋu atrɔ asi le kpe zɔzrɔ̃e ŋu wòazu kpetatae la, nenema ke hehexɔxɔ ate ŋu atrɔ asi le luʋɔa ŋui.\"—Joseph Addison, ƒe 1711.\nÈDE suku kpɔa? Ame akpa gãtɔ ate ŋu aɖo eŋu be ẽ—gake menye amesiame o. Esi míege ɖe ƒe alafa 21 lia me la, ɖevi miliɔn gbogbo aɖewo mele suku dem o. Esia le alea ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, si wɔe be egbea ame tsitsi siwo ade biliɔn ɖeka kloe menya agbalẽ o.\nGake hehe nyui xɔxɔ nye nuhiahiã vevi aɖe. Le ebubu be enye amedzidenu si gbɔ manya ɖo o teƒe la, egbea ame geɖe kpɔe be enye gomenɔamesi si li na ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Gake aleke wòanya wɔe be woaxɔ hehe nyui ne kpekpeɖeŋunu siwo hiã la meli o? Ke ne agbalẽwo mesɔ gbɔ o, nufiala xɔhehewo meli o, eye sukuwo mesɔ gbɔ o ɖe?\nLe nyateƒe me la, afikae amewo akpɔ hehe nyui si me amesiame akpɔ gome le, wòana woanya nu geɖe tso xexeme si ƒo xlã wo la ŋu, eye wòana gbɔgbɔmegɔmeɖose siwo ate ŋu aɖɔ woƒe agbe ɖo le axɔ? Hehenana kae tea gbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu nyuitɔ dzi, hefiaa alesi woawɔ anɔ agbe ɖɔʋu, eye wònaa etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le ame? Ðe hehenana ma tɔgbe li amesiame ate ŋu axɔa?\nNu Vevi si Dzi Hehenana Nyuitɔ Kekeake Nɔ Te Ðo\nMíate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe be ẽ, hehenana nyui aɖe li amesiame ate ŋu axɔ, togbɔ be adze nu wɔmoyae hã. Nusitae nye be hehenadɔwɔnu sẽŋu aɖe li si woate ŋu azã. Eyae nye \"nusrɔ̃gbalẽ\" si ŋu wode bubui ɣeyiɣi didi, eye wota agbalẽ bliboa katã alo eƒe akpa aɖe wòle xexeame ƒe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,200 me. Ele gbegbɔgblɔ si gɔme anyigbadzitɔ ɖesiaɖe kloe te ŋu sena me. Agbalẽ kae?\nEyae nye Biblia, agbalẽ si ŋu nya de du be enye agbalẽ vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ. William Lyon Phelps, si nye ƒe alafa 20 lia me agbalẽnyala ŋlɔ be: \"Woate ŋu ayɔ amesiame si si Biblia ŋuti sidzedze su nyuie wòasɔ be enye agbalẽnyala. Nusɔsrɔ̃ alo dekɔnu bubu aɖeke, eɖanye aleke ke wòkeke ta alo de ŋgɔe o, . . . mate ŋu axɔ ɖe eteƒe wòasɔ o.\"\nBiblia nye agbalẽ vovovo siwo woŋlɔ le ɣeyiɣi ƒe didime si ade ƒe 1,600 me ƒe ƒuƒoƒo. Phelps gagblɔ le agbalẽdzraɖoƒe vevi sia ŋu be: \"Míaƒe nukpɔsusuwo, míaƒe nunya, míaƒe xexemenunya, míaƒe agbalẽwo, míaƒe aɖaŋudɔ, míaƒe dzidzenuwo, ƒe akpa gãtɔ tso Biblia me wu esiwo tso agbalẽ bubuwo katã me. . . . Mebui be Biblia me sidzedze ƒe amesisusu kɔledzinusɔsrɔ̃ manɔmee le vevie sã wu kɔledzinusɔsrɔ̃ Biblia me sidzedze manɔmee.\"\nEgbea la, Kristotɔ Yehowa Ðasefowo le Biblia me hehenadɔ ɖedzesi aɖe wɔm le xexeame katã. Hehenana sia yi ŋgɔ wu nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ŋuti nu veviwo sɔsrɔ̃ ko. Enaa hehe amewo le susu kple agbenɔnɔ gome. Enaa etsɔmenukpɔsusu nyui sua amewo si, si naa mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le wo be nusi le ŋgɔ la nyo sasasã wu nusiwo dzɔ va yi.\nTaflatse xlẽ nu tso hehenaɖoɖo sia si naa agbe ŋu le nyati si kplɔe ɖo me be nànya nu geɖe tso eŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010108\/Afikae-N%C3%A0te-%C5%8Au-Ax%C9%94-Hehe-Nyuit%C9%94-Kekeake-Le\/","date":"2020-11-28T08:35:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195198.31\/warc\/CC-MAIN-20201128070431-20201128100431-00450.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991756678,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991756677627563}","num_words":520,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hakpakpawo\nNu kae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe nya siwo wo hatiwo ƒona ɖe wo nu le suku la ŋu?\nMɔɖelawo ƒe gbɔgbɔ si le mía me la ʋãa mí míekpena ɖe míaƒe aƒelikawo ŋu.\nAlɔgbɔnukoko ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbe me.\nÐokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me.\nMawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe afɔ siwo hiã ale be nàte ŋu atrɔ ava egbɔ.\nNe míeyi takpekpe gãwo la, míekpɔa lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le mía nɔviwo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔ la me.\nMele bɔbɔe be dzilawo nakpɔ wo viwo woaʋu ayi teƒe didi aɖe o.\nNe míele ame si míaɖe tiam la, ele be míagbɔ dzi ɖi awɔ tiatia nyuitɔ.\nXexe yeye si gbɔna kpuie la le mía lalam.\nZɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le ŋgɔ yim la!\nYayra kawoe nàte ŋu akpɔ ne èsrɔ̃ gbe yeye?\nZi geɖe la, míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbea ƒe akpa bubuwo ganyona ɖe edzi wu ne míegbɔ dzi ɖi hekpɔ vovo ɖe amewo ŋu.\nMɔ bubu kawo nue nàgate ŋu awɔ amedzro le?\nYehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi la me. Esia ʋãa mí míekafunɛ.\nAleke nàwɔ atia xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake?\nNunya anɔ eme be míade ŋugble le ŋusẽ si tiatia siwo míewɔna le nu siwo nye ame ŋutɔ ƒe nya me la kpɔna ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple ame bubuwo dzi la ŋu.\nDi mɔnukpɔkpɔwo le wò agbe me nàsrɔ̃ Yehowa eye nàtsɔ ake amewo.\nMɔkpɔkpɔ na Paradiso si ava le etsɔme la ate ŋu akpe ɖe míado dzi.\nÐokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.\nKafu Mawu ɖe ale si wòkpɔ eƒe Nyaa ta na ameƒomeae la ta!\nNe míele kuxiwo me tom la, nu kae míawɔ?\nNa tiatia siwo nèwɔna gbe sia gbe la nado dzidzɔ na Yehowa.\nEbia agbagbadzedze geɖe be míatu xɔse sẽŋu ɖo, gake Yehowa aɖo míaƒe agbagbadzedzeawo teƒe na mí.\nMina míato míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ƒe sewo.\nKplɔ hadzidzia ɖo be nàkpɔ ale si ŋusẽ gaɖo Yehowa subɔla aɖe si doa vevie nu tsã evɔ wòva gbɔdzɔ la ŋu be wògatrɔ va hame si me lɔlɔ̃ le la me.\nDe asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò nèle dɔ wɔm kple Yehowa la ŋu!\nVifofo aɖe nɔ vianyɔnuvi kpɔm esime wònɔ tsitsim henɔ nyateƒea wɔm etɔe.\nAbe Yehowa subɔlawo ene la, mɔ ka ke nue míeɖakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le o, ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí.\nNa ɣeyiɣi si nètsɔ le ha dem kple nɔviwò Kristotɔwo la naɖe vi na wò.\nYehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo wɔa nuku na mí eye esia ʋãa mí míekafunɛ.\nEle be míadi ɣeyiɣi na nu vevitɔwo siwo nye gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃ kple gbeadziyiyi.\nNe Yehowa Mawu le wò srɔ̃ɖeɖe me la, srɔ̃ɖeɖea ali ke!\nBubue wònye na mí be míakɔ teƒe aɖe si woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la le la ŋu nɛ.\nMawu ƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesiẽ ne nɔnɔmeawo sesẽ na mí gɔ̃ hã.\nÐe nèdi be yeawɔ asitɔtrɔ le yeƒe subɔsubɔdɔa ŋua?\nEsi Yehowae nye míaƒe Mawu ta la, magblẽ mí ɖi o!\nMàkpɔ ale si Yehowa ƒe amewo kpena ɖe wo nɔewo ŋu la le afi aɖeke le xexea me o.\nNe kuxi sesẽwo va mía dzi le agbe me la, ele be míaɖo ŋku edzi Mawu li kpli mí.\nAme siwo di vevie be yewoanya Mawu la ate ŋu ake ɖe eŋu ne wodze agbagba dii.\nAfi kae míakpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le?\nLe ɣeyiɣi nyuiwo kple vɔ̃wo siaa me la, mía xɔlɔ̃wo li na mí.\nTogbɔ be fulelé xɔ xexea me hã, míawo ya míele nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si me ŋutifafa le la me.\nYehowa ate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo míado dzi anɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava mía dzi la nu.\nYehowa koe wòle be míatsɔ mía ɖokui ana faa ahasubɔe tso dzi blibo me nyateƒe.\nMíate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ne kuxiwo ɖe kpe na mí hã.\nHa vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.\nDi ɣeyiɣi nàde ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye nàdo gbe ɖa ada akpe nɛ ɖe wo ta.\nAfi ka kee míeɖale o, míenye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo.\nKuxi alo nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.\nYehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu.\nNu siwo míekpɔna ɖaa le susu me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Ha sia nana míaƒe susu nɔa xexe yeyea dzi.\nLɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míewɔa tɔtrɔwo le míaƒe agbe me eye míeɖea adzɔgbe nɛ hexɔa nyɔnyrɔ.\nYehowa ƒe lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Enana míekpɔa dzidzɔ kple akɔfafa.\nNe dzi ɖe le ƒowò la, yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ wò ahafa akɔ na wò.\nAleke míanɔ abe ɖevi ene le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me?\nXaxa ka ke mee míeɖale o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí.\nÐe ame aɖe wɔ nane wòve wòa? Ðe wòle sesẽm na wò be nàtsɔ akea? Hakpakpa sia ana nàkpɔ ale si nàwɔ atsɔ ake faa.\nWɔ nyametsotso nyuiwo be nàte ŋu aƒu agbedua ade goe.\nYehowae nye míaƒe dzidzɔ vavãtɔ Dzɔtsoƒe ɣeawokatãɣi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/Hakpakpawo\/","date":"2021-02-27T00:41:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178358033.38\/warc\/CC-MAIN-20210226234926-20210227024926-00568.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962847233,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962847232818604}","num_words":913,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe Si Me Wodzii: 1963\nDukɔ Si Me Wòtso: Mexico\nAme Si Wònye Tsã: Enye ablɔdzivi; esena le eɖokui me be yemele ɖeke me o\nNYE ŊUTINYA\nWodzim le Ciudad Obregón le Mexico ƒe dziehe; mí ame asieke ye wodzi eye nyee nye vi atɔ̃lia. Míenɔ teƒe aɖe si te ɖe aga vie le dua ŋu, eye fofonye dea agble sue aɖe le afi ma henyia lãwo. Míaƒe dzi dze eme le afi ma, eye dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ nɔ míaƒe ƒomea me. Gake nublanuitɔe la, esi mexɔ ƒe atɔ̃ pɛ ko la, ahom sesẽ aɖe gblẽ míaƒe agblea eye wòva hiã be míaʋu ayi du bubu me.\nGanyawo va nɔ fofonye dzi dem. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, eva zu ahanoxe hã. Esia gblẽ nu le eƒe srɔ̃ɖeɖe kple mí ɖeviawo siaa ŋu. Nye kple fonyewo míeva nɔ sigaret siwo míenɔ fifim tso fofonye gbɔ la nom. Memu aha zi gbãtɔ esi mexɔ ƒe ade pɛ ko. Ema megbe kpuie la, dzinyelawo dome klã eye nye nuwɔna gbegblẽ mawo va do fievo.\nNɔnye va tsi ŋutsu bubu gbɔ, eye wòkplɔ mí ɖeviawo ɖe asi. Ŋutsua mekpɔa nɔnye dzi o, eye ga sue si nɔnye wɔa dɔ kpɔna la hã medena na mí o. Nye kple nɔvinyewo míewɔ dɔ ɖe sia ɖe si míate ŋui, gake bebli hafi míetea ŋu kpɔa míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ. Metutu afɔkpawo ŋu na amewo, medzra yevubolo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, aŋekpetike kple nu bubuwo. Menɔa tsatsam le dua me henɔa nuɖuɖu dim le kesinɔtɔwo ƒe gbeɖuɖɔgowo me.\nEsi mexɔ ƒe ewo la, ŋutsu aɖe kpem be mava wɔ dɔ kpli ye le dua ƒe aɖukpo dzi. Melɔ̃ ɖe edzi, eye medzudzɔ sukudede heʋu le aƒe me. Fe si wòxena nam gbe sia gbe la mede dɔlar ɖeka o eye nuɖuɖu siwo wòfɔ tso aɖukpoa dzi lae wònanam be maɖu. Mefɔ aɖukpodzinuwo tsɔ wɔ agbadɔ vi aɖe eye teƒe mae va zu nye mlɔƒe. Ame siwo dome menɔ la gblɔa nya ƒaƒãwo eye wonye agbe gbegblẽ nɔlawo. Wo dometɔ geɖe nye atike muame nolawo kple ahanoxewo. Esiae nye ɣeyiɣi si me nɔnɔmeawo sesẽ nam wu le agbe me, mefaa avi zã sia zã eye menɔa vɔvɔ̃m. Esi menɔ aya ɖum eye nyemede suku yi ŋgɔ kura o ta la, ŋu kpeam ŋutɔ. Menɔ aɖukpoa dzi abe ƒe etɔ̃ ene hafi va ʋu yi Mexico ƒe nuto bubu me. Le afi ma la, mewɔ dɔ le seƒoƒogblewo, ɖetifugblewo, foŋfoŋgblewo kple yevutegblewo dzi.\nLe ƒe ene megbe la, metrɔ yi Ciudad Obregón. Tasinye aɖe si nye amegãsi na xɔm ɖe eƒe me. Meva te drɔ̃e baɖabaɖawo kuku, eye menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be medi be mawu ɖokuinye. Gbe ɖeka le zã me la, medo gbe ɖa na Mawu gblɔ be: \"Aƒetɔ, ne èli ŋutɔŋutɔ la, ke medi be manya wò, eye masubɔ wò tegbee. Ne subɔsubɔha vavã aɖe li la, medi be manyae.\"\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ\nTso ɣeaɖeɣi ke la, medina be manya nu tso Mawu ŋu. Le nye ɖevime gɔ̃ hã la, mede tsɔtsi vovovowo, gake wo dometɔ aɖeke medze ŋunye o. Wo katã womefia nu boo aɖeke tso Biblia me o eye womete ŋu kpe ɖe ŋunye be manya Mawu o. Ga ŋu koe wo dometɔ aɖewo tsi dzi ɖo, eye le bubuwo gome la, hameviawo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me.\nEsi mexɔ 19 la, nɔvinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka srɔ̃ gblɔ nam be Yehowa Ðasefowo fia ye nu si Biblia gblɔ tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me ŋu. Exlẽ 2 Mose 20:4, 5 nam. Afi ma gblɔ be míagawɔ legbawo alo nu bubu aɖeke ƒe nɔnɔme o. Kpukpui 5 lia gblɔ be: \"Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa wò Mawu la, Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo ye menye.\" Eyome ebiam be, \"Ne Mawu toa nɔnɔmewɔwɔwo dzi wɔa nukunuwo alo ne edi be míazã wo le ye subɔsubɔ me ɖe, ke nu ka tae wòagade se ɖe ezazã ŋu?\" Esia na meva nɔ tame bum vevie. Tso ɣemaɣi la, nye kplii míedzro nu geɖe me tso Biblia me nyawo ŋu. Mese vivi na numedzodzro mawo ale gbegbe be kaka makpɔa ɖeko ɣeyiɣiawo va yina kaba.\nEmegbe ekplɔm yi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Nu siwo mekpɔ kple nya siwo mese le kpekpea me la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ðeviwo gɔ̃ hã ɖo nya ŋu le kpekpea me heƒo nu kple kakaɖedzi le kplɔ̃ta! Megblɔ na ɖokuinye be, 'Hehe nyui ka gbegbee nye esi xɔm ame siawo le le afi sia!' Togbɔ be ɖa legbee nɔ ta nam eye nyemedo awu ɖe nɔnɔme nyui me o hã la, Ðasefoawo xɔm nyuie. Ƒome aɖe kura gɔ̃ hã kpem meva ɖu fiẽnu kpli wo esi míekpa le kpekpe ma me!\nEsi Ðasefoawo srɔ̃ Biblia kplim la, meva kpɔe be Yehowa Mawu nye Fofo lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na mí metsɔ le ale si míaƒe ganyawo le, ɖoƒe si míele, dukɔ si me míetso alo afi si míede suku se ɖo me o. Mawu mekpɔa ame ŋkume o nyateƒe. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Azɔ ko meva le Mawu nyam ye nye esi. Mekpɔe be meva nɔ dzidzeme kpɔm azɔ.\nVIÐE SIWO MEKPƆ\nMedze agbe yeye gɔme kura! Medzudzɔ sigaret kple aha tsu nono eye nyemegagblɔa nya ƒaƒãwo o. Ale si dzi kuam le nu siwo me meto le nye ɖevime ta nu nɔ yiyim, eye nyemegakua drɔ̃e baɖabaɖawo hã o. Le fu siwo mekpe le nye ɖevime kple ale si nyemede suku boo o ta la, mesena le ɖokuinye me tsã be nyemele ɖeke me o, gake megale nenema fifia o.\nMeɖe srɔ̃nyɔnu nyui aɖe si lɔ̃ Yehowa, eye ekpena ɖe ŋunye ale gbegbe. Fifia, menye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo dometɔ ɖeka, mesrãa hamewo kpɔna eye medea dzi ƒo na haxɔsetɔwo hefiaa nu wo. Haxɔsetɔ mawo va zu abe ƒome ene nam. Meda akpe be Mawu na hehe nyuitɔ kekeakem, eye wòto Biblia dzi kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ, eye esia wɔe be ŋu megakpeam le nu siwo me meto ta o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/biblia-le-amewo-%C6%92e-agben%C9%94n%C9%94-tr%C9%94m\/%C5%8Bu-megakpeam-o\/","date":"2021-03-02T18:14:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178364027.59\/warc\/CC-MAIN-20210302160319-20210302190319-00494.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993733764,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993733763694763}","num_words":990,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzesideŋkɔ \"ame tata\" si wozã le Biblia me la gɔme ɖe?\nƔeaɖewoɣi la, nya sia fiaa ŋutsu si wota. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wota ŋutsu aɖewo tsɔ he to na wo eye wota ŋutsu aɖewo hã esime woɖe wo aboyoe alo wɔ wo kluviwoe. Wotsɔa ŋutsu siwo wota siwo dzi woka ɖo la ɖoa nyɔnuwo nu be woanɔ wo dzi kpɔm le nyɔnuwo nɔƒe, alo harem-wo, le fiaƒewo me. Le kpɔɖeŋu me, ame tata siwo nye Hegai kple Saasgaz siaa nye Persia Fia Axasweros srɔ̃wo kple ahiãwo dzi kpɔlawo. Wogblɔna be fia siae nye Xerxes I.\nKe hã menye ame siwo katã woyɔ le Biblia me be ametata lae wota ŋutɔŋutɔ o. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be wozãa ŋkɔnya ma le gɔmesese gbadzaa nu wòfiaa fiaŋume siwo wɔa dɔ le fiasãa me. Ewɔ abe gɔmesese ma nue wozã ŋkɔnya ma na Ebed-Melex, si nye Yeremiya ƒe hadɔwɔla, kple Etiopiatɔ si ŋkɔ womeyɔ o, si Filipo nyanyuigblɔla la ɖe gbeƒã na ene. Edze ƒãa be fiaŋume veviwo dometɔ ɖekae Ebed-Melex nye, elabena etea ŋu ƒoa nu na Fia Zedekiya ŋutɔ tẽe. (Yeremiya 38:7, 8) Eye woɖɔ Etiopiatɔ la hã be enye fianyɔnu la ƒe kesinɔnuwo dzi kpɔla si 'yi Yerusalem va de ta agu.'\nNu ka tae alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔ?\nEsi Yesu nɔ nu ƒom tso ʋɔnudrɔ̃ɣi aɖe si ava le etsɔme ŋu la, egblɔ be: 'Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene.' (Mateo 25:\nZi geɖe la, wokplɔa alẽwo kple gbɔ̃wo siaa le ƒuƒoƒo ɖeka me eye wonana wo katã woɖua gbe ɖekae le ŋkeke me. Le zã me la, wodea wo kpo me be woakpɔ wo ta tso lã wɔadawo kple fiafiwo si me eye be vuvɔ nagawɔ wo o. (1 Mose 30:","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150101\/ame-tatawo-al%E1%BA%BDkpl%C9%94lawo-le-biblia-%C5%8Bl%C9%94%C9%A3iwo\/","date":"2021-05-19T03:29:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991562.85\/warc\/CC-MAIN-20210519012635-20210519042635-00434.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994587302,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994587302207947}","num_words":310,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne míele kuxi sesẽwo me tom la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa ememetɔ o. Ke hã, Biblia kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wonɔ te ɖe woƒe gbe sia gbe kuxiwo nu, ena woƒe susu me dze akɔ anyi esi nu te ɖe wo dzi le ŋutilã kple seselelãme gome, eye wòna wokpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ le agbe me. Biblia ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ.\nTenɔnɔ Ðe Nya Vɔ̃wo Nu\nŊutilãmelãmesẽ Kple Susumelãmesẽ\nDɔwɔɖui Kple Ga\nƑomedodowo\nNumame Gbegblẽwo\nAme ƒomevi vovovowo gblɔ ale si wowɔ va ke ɖe tameɖoɖo si le agbea ŋu kple ale si wova le ƒomedodo nyui me kple Mawu fifia la ŋu.\nÐe wò ame vevi aɖe kua? Èhiã kpekpeɖeŋu be nàtsɔ anɔ te ɖe wò nuxaxa nua?\nNe miewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, dzidzɔ anɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea alo ƒomea me.\nNa Yehowa Ðasefowo Nasrɔ̃ Biblia Kpli Wò\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nNa Yehowa Ðasefowo nava dzro Biblia me nyati aɖe me kpli wò, alo be nàte míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butifafa-dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2021-05-08T11:26:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988858.72\/warc\/CC-MAIN-20210508091446-20210508121446-00346.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986311197,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986311197280884}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mikpe ɖe mia viwo ŋu woadze agbe gɔme nyuie\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CANADA GBƆ\n▪ Nyatakaka aɖe dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times me be, \"Television ate ŋu anye nufiafiamɔnu nyui aɖe.\" Ke hã, \"television gbɔ nɔnɔ hena gaƒoƒo geɖe le nu gblẽ le ɖeviwo kple woƒe susuwo ŋu,\" hele mɔnukpɔkpɔ si woatsɔ atu nusɔsrɔ̃, nutotovɛ, kple hadomegbenɔnɔ ƒe ŋutetewo ɖo la xɔm le wo si.\nEsi wowɔ numekuku tso ale si gbegbe television kpɔkpɔ zu numame na ɖevi 2,500 le ɖeviwo ƒe kɔdzi aɖe si woyɔna be Children's Hospital, le Seattle, Washington U.S.A. la, nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be: \"Wokpɔe be, zi geɖe ale si ɖevi siwo xɔ tso ƒe ɖeka va ɖo ƒe etɔ̃ kpɔa television la, zi nenema kee wòsesẽna na wo be woƒe susu nanɔ nu ŋu ne wova xɔ ƒe adre.\" Ðevi mawo tɔgbi ƒe mo medzea akɔ anyi kura o eye womegbɔa dzi ɖi o, eye woƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ dzi ɖena kpɔtɔ. Le Ðɔkta Jane M. Healy si nye susuŋutinunyafiala ƒe nya nu la, \"dzila siwo ƒe viwo ŋuti wokpɔ susu ƒe nuŋumanɔmanɔ ƒe kuxia le la dometɔ geɖe va kpɔe be kuxia dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ tso esime womegaɖea mɔ na wo viawo wokpɔa television o.\"\nNu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ aɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wo viwo tsɔ kpɔa television dzi kpɔtɔ? Numekulawo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna be: Ðo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kple ɣeyiɣi si me viwòa ate ŋu akpɔ television la ɖi. Dzudzɔ vi gbegblẽ ɖe television gbɔ kple susu be nàkpɔ vovo awɔ wò dɔwo. Ðe esia teƒe la, na viwòa nanɔ ŋuwò le aƒemedɔwo wɔwɔ me ale si nàte ŋui. Tia television dzi wɔna siwo viwòa ate ŋu akpɔ eye nàtsi television la ne wɔna mawo wu enu. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, wɔ ɖeka kple viwòa míakpɔ nuawo ɖekae eye míaɖo dze tso nu siwo miekpɔ ŋu. Mlɔeba la, wò ŋutɔ ɖe television kpɔkpɔ dzi kpɔtɔ.\nNutotovɛ kple hadomegbenɔnɔ ƒe ŋutetewo tutu ɖo ɖe ɖeviwo me bia ɣeyiɣi, veviedodonu kple ameɖokuimamla. Viɖe nyui siwo dona tso eme ɖenɛ fiana be agbagbadzedze siawo menye dzodzro o. Esia ƒe nyateƒenyenye dze le blemalododo sia me be: \"Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.\" (Lododowo 22:6) Nu vevi aɖe si hehenana sia lɔ ɖe emee nye be woafia agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu si da sɔ la ɖeviawo.\nYehowa Ðasefowo kpɔa dzidzedze le woƒe agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ zazã atsɔ aƒã agbenɔnɔ si da sɔ la ɖe wo viwo me me. Le nyateƒe me la, kakaɖedzi li be viɖe nyuiwo ado tso dzilawo ƒe dzeɖoɖo nyui kple wo viwo kpakple beléle na wo lɔlɔ̃tɔe tso woƒe ɖevime ke la me godoo hena ƒe geɖe. Nu kae agana dzilawo nakpɔ dzidzɔ wu be woakpɔe be yewo viwo tsi va zu ame tsitsi ɖɔʋu siwo ŋu bubu le?—g09 06-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200907\/Mikpe-%C9%96e-mia-viwo-%C5%8Bu-woadze-agbe-g%C9%94me-nyuie\/","date":"2021-05-17T13:00:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00160.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980287552,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980287551879883}","num_words":485,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristotɔnyenye Vavãtɔ Le Dzidzedze Kpɔm\nYESU KRISTO ƒe subɔsubɔdɔa he tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va xexeame le ƒe alafa gbãtɔ me. Eƒe gbedasia doa ŋusẽ ame, enaa wodzea si nu, eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ale gbegbe be ɖeko amewo ƒe nu kuna. Eƒe nyawo wɔ dɔ ɖe amesiwo ɖo toe la dometɔ geɖe dzi ale gbegbe.—Mateo 7:28, 29.\nYesu gbe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔ kple dunyahehe nuɖoanyi teameɖeanyi si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la me dzinɔameƒotɔe, gake ena be ame tsɛwo te ŋu te ɖe eŋu bɔbɔe. (Mateo 11:25-30) Eʋu eme gaglã be gbɔgbɔvɔ̃wo ƒoa nya ɖe ame nu le anyigba dzi eye wòtsɔ ŋusẽ si Mawu nae la ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. (Mateo 4:2-11, 24; Yohanes 14:30) Yesu tsɔ aɖaŋudzedze kɔ nu me ku ɖe kadodo vevi si le fukpekpe kple nuvɔ̃ dome ŋu, eye wòɖee fia lɔlɔ̃tɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ahe gbɔdzɔe si nu metsina o vɛ. (Marko 2:1-12; Luka 11:2, 17-23) Zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la, eɖe nusiwo na womekpɔ Fofoa ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ dze sii o ɣeyiɣi didi aɖe la ɖa, heɖe Mawu ƒe ŋkɔ fia amesiwo katã di be yewoanɔ ƒomedodo me Kplii.—Yohanes 17:6, 26.\nEyata mewɔ nuku o be togbɔ be subɔsubɔhawo kple dunyahehawo ti Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yome vevie hã la, woyi edzi kaka eƒe gbedasi sẽŋu la kabakaba. Le ƒe si anɔ 30 ko me la, woɖo Kristotɔwo ƒe hame siwo nɔ dzidzedze kpɔm la ɖe Afrika, Asia, kple Europa. (Kolosetɔwo 1:23) Nyateƒea si Yesu fia la ɖeɖe wɔe be dzinyuitɔ ɖokuibɔbɔlawo ƒe dzimeŋkuwo dzi kɔ le Roma Fiaɖuƒea katã me.—Efesotɔwo 1:17, 18.\nGake aleke nusrɔ̃la yeye siawo siwo tso dukɔ, dekɔnu, gbegbɔgblɔ, kple subɔsubɔha vovovowo me ate ŋu ava wɔ ɖeka le \"xɔse ɖeka\" me, abe alesi apostolo Paulo yɔe ene? (Efesotɔwo 4:5) Nukae akpe ɖe wo ŋu be 'woagblɔ nya ɖeka' ale be mama nagaɖo wo dome o. (Korintotɔwo I, 1:10) Le ɖekamawɔmawɔ, si nye ŋkubiãnya, si le amesiwo gblɔna egbea be Kristotɔwoe yewonye dome ta la, ele vevie be míadzro nusi Yesu ŋutɔ fia la me nyuie.\nNu Vevi si Naa Kristotɔwo Wɔa Ðeka\nEsi Pontio Pilato nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, Yesu gblɔ nu vevitɔ si naa ɖekawɔwɔ nɔa Kristotɔwo dome. Egblɔ be: \"Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.\" (Yohanes 18:37) Eyata, lɔlɔ̃ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo kple Mawu ƒe Nya Biblia ƒe akpa susɔe siwo tso gbɔgbɔ me dzi kpɔa ŋusẽ vevi si nana amewo wɔa ɖeka la ɖe Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo dzi.—Korintotɔwo I, 4:6; Timoteo II, 3:16, 17.\nEnye nyateƒe be, kuxiwo alo masɔmasɔwo aɖo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dome ɣeaɖewoɣi ya. Ke nukae akpe ɖe wo ŋu? Yesu ɖe eme be: \"Ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.\" (Yohanes 16:12, 13) Eyata, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ana be Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo nanɔ nyateƒea gɔme sem esime Mawu le wo ɖem ɖe go na wo vivivi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ ma akpe ɖe wo ŋu be woaɖe eƒe kutsetsewo, siwo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple ŋutifafa afia, si awɔe be ɖekawɔwɔ ŋutɔŋutɔ nanɔ wo dome.—Dɔwɔwɔwo 15:28; Galatiatɔwo 5:22, 23.\nYesu meɖe mɔ kura be nukpɔsusu vovovowo alo kɔmamawo nanɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome o; eye meɖe mɔ hã na wo be woaɖe Mawu ƒe nyateƒenya la me be wòade amesiwo wodo goe la ƒe kɔnyinyiwo alo woƒe subɔsubɔnuwɔnawo dzi o. Ke boŋ le zã mamlɛa si me wònɔ anyi kpli wo la, edo gbe ɖa vevie ɖe wo ta be: \"Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.\" (Yohanes 17:20, 21) Eyata tso gɔmedzedzea me ke va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me la, ɖekawɔwɔ akuakua le gbɔgbɔ kple nyateƒe me lae nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzeside vevi aɖe. (Yohanes 4:23, 24) Gake ɖekawɔwɔ mele sɔlemeha siwo li egbea ya dome o, mama sɔŋ boŋue le wo dome. Nukatae wòle nenema?\nNusitae Mama le Sɔlemehawo Dome Ðo\nNusitae dzixɔse kple kɔnu vovovo gbogbo aɖewo le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye dome egbea ɖo enye be womewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi o. Nuŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: \"Abe alesi wònɔ le blema ene la, egbegbe Kristotɔwo wɔna ɖe Biblia me sedede si sɔ na woawo ŋutɔ dzi—eye woŋea aɖaba ƒua esiwo mewɔ ɖeka kple woƒe subɔsubɔ me kɔnyinyiwo o dzi.\" Nusia tututue Yesu kple eƒe apostolowo gblɔ ɖi be adzɔ.\nLe kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ ʋa apostolo Paulo wòŋlɔ na ehati dzikpɔla Timoteo be: \"Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.\" Kristotɔwo katãe woablea? Ao. Paulo yi edzi be: \"Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.\" (Timoteo II, 4:3-5; Luka 21:8; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Petro II, 2:1-3) Timoteo kple Kristotɔ wɔnuteƒe bubuwo wɔ ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi.\nÐekawɔwɔ Kpɔtɔ le Kristotɔ Vavãwo Dome Kokoko\nAbe Timoteo ene la, Kristotɔ vavã siwo li egbea la nɔa mo xexi to nugbegbe le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusuwo gbɔ me eye wotua woƒe dzixɔsea me nufiafiawo ɖe Ŋɔŋlɔawo ɖeɖeko dzi. (Kolosetɔwo 2:8; Yohanes I, 4:1) To ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo sɔsrɔ̃ me la, Yehowa Ðasefowo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔm tsitotsito le dukɔ siwo wu 230 me, hele Yesu ƒe gbedasi ŋutɔŋutɔ, si nye Fiaɖuƒeŋutinya nyuia, gblɔm na amewo le afisiafi. De ŋugble le mɔ vevi ene siwo dzi wowɔ ɖeka le le Yesu sɔsrɔ̃ me le kple alesi wonɔa agbee wòsɔna ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nudidiwo nu eɖanye afika kee woɖale o la ŋu kpɔ.\nWotu woƒe dzixɔsewo ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. (Yohanes 17:17) Belgium nuto aɖe me ƒe nunɔla aɖe gblɔ le wo ŋu be: \"Nane si míate ŋu asrɔ̃ tso wo [Yehowa Ðasefowo] gbɔ enye alesi wolɔ̃na faa be yewoaɖo to Mawu ƒe Nyaa, kple dzideƒo si nɔa wo si wotsɔ ɖea gbeƒã tso eŋu.\"\nWokpɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe sinu be eyae ava ɖe kuxi siwo le xexeame katã ɖa. (Luka 8:1) Le Barranquilla, Colombia, la, Ðasefo aɖe ɖo dze kple Antonio, si nye dunyaheha dzidela sesẽ aɖe. Ðasefoa mede eƒe dunyahehaa dzi alo kafu dunyaheha bubu aɖeke ƒe nukpɔsusuwo o. Ðe ema teƒe la, edoe ɖe Antonio kple nɔvianyɔnuwo gbɔ be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo femaxee. Eteƒe medidi o Antonio va kpɔe dze sii be enye nyateƒe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia na ame dahe siwo le Colombia kple esiwo le xexeame ƒe akpa mamlɛawo hã.\nWokɔa Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti. (Mateo 6:9) Esi Yehowa Ðasefowo do go Maria, si nye Katolikotɔ dovevienu aɖe le Australia zi gbãtɔ la, elɔ̃ be Ðasefoawo nafia Mawu ƒe ŋkɔ ye le Biblia me. Aleke wòwɔ nui? \"Esi mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me zi gbãtɔ la, mefa avi. Sidzedzee be mate ŋu anya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ahazãe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.\" Maria yi edzi srɔ̃ Biblia, eye zi gbãtɔ le eƒe agbe me la, eva nya amesi ƒomevi Yehowa nye eye wòtu ƒomedodo si nu metsina o ɖo kplii.\nLɔlɔ̃ na be ɖekawɔwɔ le wo dome. (Yohanes 13:34, 35) Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ladysmith-Chemainus Chronicle talawo ɖe woƒe nukpɔsusu gblɔ be: \"Subɔsubɔha ka ke mee nèɖale loo alo mèɖale ɖeke me o, ele be nàkafu Yehowa Ðasefo 4,500 siwo wɔ dɔ kple ŋkubiã le kwasiɖa ɖeka kple afã si va yi me tsɔ tu Takpexɔ si xɔ teƒe si ƒe lolome nye meta 2,300 le Cassidy . . . Be woawɔ esia kple dzidzɔ glãkahehe, masɔmasɔ, alo bubu didi na ame ɖokui aɖeke manɔmee la nye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi.\"\nWò ya bu kpeɖodzinya siawo ŋu kpɔ ko. Esi Kristodukɔa ƒe mawunyaŋununyalawo, mawunyadɔgbedelawo, kple sɔlemedelawo yi edzi le kame tem kple masɔmasɔ ƒe kuxi siwo le woƒe sɔlemewo me la, Kristotɔnyenye vavãtɔ ya le dzidzedze kpɔm le xexeame godoo. Nyateƒee, Kristotɔ vavãwo le woƒe dɔ si wode asi na wo, si nye gbeƒãɖeɖe kple Mawu ƒe Nya la fiafia amewo, wɔm. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ne èle amesiwo \"le hũ ɖem, eye wole nu xam\" ɖe ŋunyɔnu siwo katã le edzi yim ta la dome eye ɖekamawɔmawɔ si le subɔsubɔha siwo le Kristodukɔa me la tena ɖe dziwò la, míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefo siwo wɔ ɖeka le Kristotɔwo ƒe tadedeagu me na Mawu vavã ɖeka kolia, Yehowa.—Xezekiel 9:4; Yesaya 2:2-4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040301\/Kristot%C9%94nyenye-Vav%C3%A3t%C9%94-Le-Dzidzedze-Kp%C9%94m\/","date":"2021-05-07T08:45:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00178.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984742403,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984742403030396}","num_words":1465,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐEWOHĨ afisi wonyi wò le alo mía gbɔ kɔnuwo meɖea mɔ be woadzro mawusubɔsubɔ me kple ame bubu siwo mele ƒomea me alo sɔlemehaa me o. Eyata ɖewohĩ madzɔ dzi na wò ne ame aɖe va gbɔwò le vome kple Biblia o. Le ame aɖewo gome la, nukpɔsusu sia va su wo si le ŋutasẽnu siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ ƒe ŋutinya me tsɔ ble amewo be yewole kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ xɔxɔ ta.\nDukɔ geɖewo ƒe ŋutinya ɖee fia be menye lɔlɔ̃ na Kristoe ʋã ameha siwo wotrɔ dzime na o, ke boŋ vɔvɔ̃ be woava tsɔ yi atsrɔ̃ yewo ne yewometrɔ dzime o lae. Wo dometɔ geɖewo si va be, hegblẽ woƒe aƒe kple wo dedukɔ ɖi, alo ku gɔ̃ hã—wotɔ dzo wo dometɔ aɖewo ɖe ati ŋu—esi wogbe be yewomatrɔ azu wo yometilawo ƒe subɔsubɔha me tɔwo o ta.\nBiblia me nuŋlɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me meda asi ɖe dzimetɔtrɔ na ame akpasesẽtɔe sia tɔgbe dzi o. Eyata ɖe esia te fli ɖe ame ƒe dzixɔsewo me dzodzro kple ame bubuwo mea? Biblia la ŋutɔ ɖo eŋu.\nNufiafia le Ŋusẽ Me\nGbã la, de ŋugble tso kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ŋu kpɔ. Enye nufiala bibi aɖe si ƒe nyawo kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nyaselawo ƒe agbe dzi. (Yohanes 13:13, 15) Le Todzimawunyaa me la, eƒe nufiafiawo nɔ bɔbɔe gake wokpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi. Ena be \"kuvia ɖo [amehawo] le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena ele nu fiam wo abe amesi si ŋusẽ le ene.\" (Mateo 7:28, 29) Ƒe 2,000 aɖe megbe la eƒe nufiafia gakpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo dzroa eme la dzi kokoko. Esi Nufialagã Hans Dieter Betz nɔ kpe ɖom nukpɔsusu sia dzi la, egblɔ be \"ŋusẽ si Todzimawunya la kpɔna ɖe amewo dzi la keke ta gbɔ Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe liƒo, kple Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe kɔnuwo gɔ̃ hã ŋu.\"\nEsi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, ede se si ana be dɔ si gɔme wòdze la ayi edzi eye wòatse ku gɔ̃ hã le eƒe ku megbe. (Yohanes 14:12) Ede se na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi dukɔwo katã me \"afia wo bena, woawɔ nusiwo katã\" ƒe se yede na wo. Yesu na tameɖoɖo vevi si le dɔdasi sia ŋu me kɔ le nuƒo sia ke me be: 'Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.'—Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.\nDe ŋugble tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu hã ŋu kpɔ. Le eya ŋutɔ ƒe Kristotɔ zuzu megbe la, xɔse yeye si ŋu wòke ɖo gbɔgblɔ na ame bubuwo mekpea ŋu nɛ o. (Dɔwɔwɔwo 9:17-19, 22) Nuƒoƒo le ƒuƒoƒewo nye nusi Paulo nɔa wɔwɔm 'hetsɔa nyawo nɔ kpe ɖom edzi be ele na Kristo be, wòakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome.' Etsɔ aɖaŋudzedze 'nɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom kple wo' be 'wòaƒoe ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo nu.' Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si wozã be \"ƒoe ɖe nu\" fia be \"woana ame aɖe natrɔ eƒe susu to nane si me wodzro hekpɔ gɔmesese nɛ me alo to ŋugble si wode le agbenyuinɔnɔ ŋu si kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ta.\" Nusi do tso Paulo ƒe nyaƒoɖeamenua mee nye be \"[eƒoe] ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame.\"—Dɔwɔwɔwo 15:3; 17:1-4, 17; 18:4; 19:26.\nDzizizi alo Nyaƒoɖeamenu—Kae?\nLe egbe ŋkekeawo me la, wozãa nya \"dzimetɔtrɔ na ame\" tsɔ fia dzimetɔtrɔ na ame akpasesẽtɔe ƒomevi vovovowo. Bibliaa meda asi ɖe nuwɔna ma dzi o. Ke boŋ efiaa nu be wowɔ amegbetɔ wònye amesi si tiatiawɔblɔɖe le eye alesi wòanɔ agbee ƒe mɔnukpɔkpɔ kple emetsonua ƒe agba nye etɔ. Esia lɔ alesi woasubɔ Mawui ƒe nyametsotso wɔwɔ hã ɖe eme.—Mose V, 30:19, 20; Yosua 24:15.\nYesu de bubu gomenɔamesi ƒe nunana sia si tso Mawu gbɔ la ŋu eye metsɔ eƒe ŋusẽ gã si nɔ esi kple amegãnyenye zii ɖe ame aɖeke dzi kpɔ gbeɖe be wòalɔ̃ ɖe yeƒe nyawo dzi o. (Yohanes 6:66-69) Ezã numedzodzro si le tẽ, kpɔɖeŋuwo, kple nukpɔsusu ƒe biabiawo tsɔ ʋã eƒe toɖolawoe kple susu be yeaɖo woƒe dzi gbɔ. (Mateo 13:34; 22:41-46; Luka 10:36) Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woade bubu sia ke ame bubuwo hã ŋu.—Mateo 10:14.\nEdze ƒã be Paulo srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ne Paulo le nya ƒom ɖe eƒe nyaselawo nu tso Ŋɔŋlɔawo me la, edea bubu ame bubuwo ƒe seselelãme kple nukpɔsusu ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23, 32) Enya be lɔlɔ̃ na Mawu kple Kristoe wòle be wòaʋã mí be míasubɔ mía Wɔla veviedodotɔe. (Yohanes 3:16; 21:15-17) Eyata nyametsotsowɔwɔ nye ame ŋutɔ ƒe nya.\nAme Ŋutɔ ƒe Nyametsotsowɔwɔ\nNe amegbetɔ siwo si nunya le le didim be yewoakpɔ nu vevi aɖewo gbɔ le agbe me, abe aƒe si ƒomevi woaƒle, afisi woawɔ dɔ le, kple alesi woanyi viwoe ene la, wometsona ko wɔnɛ o. Woaku nu me tso mɔnukpɔkpɔ vovovoawo ŋu, ade ŋugble tso nusi ŋu woke ɖo ŋu eye, ɖewohĩ, ahabia aɖaŋuɖoɖo. Nusiawo ŋu bubu megbe ko hafi woawɔ nyametsotso.\nEdze be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋutete ɖe alesi míade ta agu na Mawui ƒe nyametsotsowɔwɔ ŋu geɖe wu nyametsotso bubu ɖesiaɖe wɔwɔ le agbe me. Akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míenɔa agbee fifia dzi, eye vevietɔ wu la, akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ la dzi. Esia me kɔ nyuie na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Beroia. Togbɔ be apostolo Paulo ŋutɔe ɖe nyanyuia me na wo hã la, wogadzroa Ŋɔŋlɔawo me kpɔna tsitotsito gbesiagbe be yewoakpɔ egbɔ be nusi fiam wole yewo nye nyateƒe. Esia na \"wo dometɔ geɖe xɔe se.\"—Dɔwɔwɔwo 17:11, 12.\nEgbea la, Yehowa Ðasefowo yi edzi le nufiafia kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si ƒe ɖoɖo Yesu wɔ da ɖi la wɔm. (Mateo 24:14) Wodea bubu gomenɔamesi si le ame bubuwo si be woatia subɔsubɔ si dze wo ŋu la ŋu. Gake ne wole woƒe dzixɔsewo me dzrom kple ame bubuwo la, wozɔna ɖe kpɔɖeŋu si le Biblia me dzi. Ẽ, wowɔa numedzodzro si le tẽ tso Ŋɔŋlɔawo me si nye dɔ si woxɔ se be enye agbeɖeɖedɔ.—Yohanes 17:3; Timoteo I, 4:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020608\/%C9%96e-w%C3%B2le-be-kristot%C9%94wo-na%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3-na-ame-bubuwoa\/","date":"2021-05-07T08:26:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00280.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998285532,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982855319976807}","num_words":957,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔkpɔkpɔ Le Asinye Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã\nABE ALESI KONSTANTIN MOROZOV GBLƆE ENE\nEsime wodzim le July 20, 1936, dzi la, ƒu sesẽ aɖeke menɔ nye ametia ƒe akpa aɖeke tsɔ wu nye tago kple dzimeƒuwo o. Nye lãmeƒuwo katã nɔ ko abe ƒuxlɔ̃e si le ame tsitsi ƒe tolã me ene. Nye kpekpeme mede kilogram afã o. Dzesi siwo fia be agbe le menye koe nye dzi si nɔ dɔ wɔm dzadzadza, gbɔgbɔ si nu mesẽ o, kple ʋaʋã vivivi.\nNYEE nye vi asieke dometɔ adrelia le ƒome aɖe si nɔ kɔƒedu si nye Sara, le Ul'yanovsk Oblast, si le Russia ƒe titina la me. Esi mexɔ kwasiɖa etɔ̃ la, dzinyelawo kɔm yi sɔleme be woade tsi ta nam. Nunɔla la wɔ kaba hlẽ tsi ɖe dzinye eye wògblɔ na dzinyelawo be woakɔm ayi aƒemee kaba, elabena egblɔ be mele kuku ge le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe.\nLe January 1937 me la, dzinyelawo kɔm yi dugã si nye Kazan', si nye Russia ƒe nuto si nye Tatarstan ƒe fiadu la me be woatsɔm ava kpɔ atikewɔla bibi aɖewo. Ɣemaɣi la, mete ŋu gblɔa \"Dada,\" \"Papa,\" kple \"Babushka\" (Mama), eye menya nɔvinyeŋutsuwo ƒe ŋkɔwo. Esi ɖɔktawo lé ŋku ɖe ŋunye la, wogblɔ na dzinyelawo be mele kuku ge le ƒe ɖeka me. Wodo susua ɖa be yewoawum atsɔ ade ahuhɔ̃eɖaka me wòanye nukpɔkpɔ be woatsɔ anɔ nu fiam atikewɔwɔ ŋuti nusrɔ̃lawoe. Aleke gbegbe medaa akpe na dzinyela lɔlɔ̃awoe nye si be wotso nya me kaŋ gbe!\nÐevimenɔɣi si Yɔ Kple Fukpekpewo\nMegaɖoa ŋku edzi kokoko be menɔa veve sem le nye ŋutilã me ɣesiaɣi. Ke hã tso ɖevime ke la, medzea agbagba be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asinye eye medzea agbagba be mako nu geɖe ahase vivi na agbe. Nɔnɔme siae tsi asinye. Nye lãmeƒuwo dze sesẽ vivivi, eye mete ŋu nɔa anyi tana vivivi. Nyemetsi abe ɖevi bubuwo ene o, eye nuwɔame gblẽ nu le ŋunye vevie. Gake mete ŋu srɔ̃a nu, eye kaka maxɔ ƒe atɔ̃ la, mete ŋu xlẽa nu heŋlɔa nu.\nLe ƒe 1941 ƒe May me la, danye gakɔm yi sɔleme zi evelia. Ame geɖe nɔ afima, eye wo katã wodze klo nɔ gbe dom ɖa. Nyɔnu subɔla aɖe va Dada gbɔ hebiae nusita medze klo o. Esi Dada tsɔm fiae la, eyi va ƒo nu kple nunɔla la. Esi subɔlaa trɔ la, ekplɔ mí yi mɔa nu eye wògblɔ na Dada be wòagblẽm ɖe gota ne eya ɖeka nage ɖe xɔa me. Egblɔ be le dzinyelawo ƒe nuvɔ̃ tae \"makɔmakɔtɔ\" la tsɔm na wo. Dada trɔ yi aƒeme kple aɖatsi. Mebu tame le nusia ŋu ɣeyiɣi didi. Mebiaa ɖokuinye be, 'Amekae nye \"makɔmakɔtɔ\" sia?'\nLe ƒe 1948 me, esime mexɔ ƒe 12 la, Dada kɔm yi kɔƒe si nye Merenki me le Chuvash Nutoa, si didi anɔ kilometa 80 tso míaƒe aƒe gbɔ. Dɔyɔtsiwo nɔ afima, eye Dada nɔ mɔ kpɔm be woate ŋu ayɔ dɔ nam le tsia me. Nusiwo nunɔlawo bia be woawɔ hafi woayɔ dɔ nam dometɔ ɖekae nye be nyemegaɖu nu o ŋkeke etɔ̃. Wobia hã be maxɔ Nuɖuɖu Kɔkɔe le sɔlemea. Togbɔ be nyemeka ɖe sɔlehaa dzi boo o hã la, melɔ̃ ɖe nusiwo wobia la dzi. Mɔzɔzɔa didi nam eye wòtea ɖeɖi ame ŋu, gake medo dzi, mena gbe dama dzeani siwo nɔ mɔa dzi xɔ nye susu me.\nAmewo yɔ sɔlexɔa me. Esi Dada kɔm to ameawo dome yina la, nyɔnu tsitsi aɖe tsɔ kpetike aɖe nam. Mexɔe de nye kotoku me. Esi wòɖo dzinye be maxɔ Nuɖuɖu Kɔkɔea la, nyɔnu tsitsia do ɣli be: \"Fada, megana Nuɖuɖu Kɔkɔe lae o! Eɖu kpetike fifi laa!\" Meɖe eme be kpetikea le nye kotoku me, gake nunɔlaa do ɣli be: \"Wò nuwɔametɔ mabuame! Alakpa hã da ge nèlea? Mikɔe dzoe le sɔlexɔa me!\" Gake ŋufɔke la, nunɔla bubu nam Nuɖuɖu Kɔkɔea eye wòtsɔ \"tsi kɔkɔe\" klɔ ŋunye. Gake nukunu aɖeke medzɔ o. Nye lãmegbegblẽa ganɔ anyi.\nAgbalẽsɔsrɔ̃ me Ŋgɔyiyiwo\nTogbɔ be menye nuwɔametɔ ale gbegbe le ŋutilã me hã la, le nye ƒewuiwo me la, meminya agbalẽsɔsrɔ̃ me taɖodzinu geɖe. Le ƒe 1956 me la, meɖo Komsomol (Kɔmiunist Sɔhɛwo ƒe Nubabla) me, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mefia Komsomol ŋutinya sɔhɛ siwo ganɔ mía yome. Menye Dekɔnunyawo Gbɔkpɔƒe me tɔ le nuwɔametɔwo ƒe aƒe aɖe me, eye menye radio dɔwɔƒe dzikpɔla kple radio dzi dɔwɔla le afima.\nGakpe ɖe eŋu la, menye agbalẽdzraɖoƒedzikpɔla le ŋkunɔwo ƒe agbalẽ siwo wolé ɖe agba dzi tsɔ tsanae dzikpɔƒe, eye wotiam be manye Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Ha si Tsi Tre Ðe Ahatsunono Ŋu me tɔ. Mede ha kple hadziha aɖe hã, si me medzi ha, heƒo haƒonu geɖe hã le.\nLe Nuwɔametɔwo ƒe Aƒeme\nLe ƒe 1957 me esime mexɔ ƒe 21 la, nye lãmegbegblẽa zi dzinye be meva nɔ nuwɔametɔwo ƒe aƒeme. Gake meɖoe kplikpaa be nyemana ta o. Le ƒe 1963 ƒe October me la, meyi ɖe Moscow ƒe Ŋutinuwo Ðɔɖɔɖo Ŋutinusrɔ̃ƒe. Le afima la wowɔ dɔ vovovo 18 nam be woatsɔ adzɔ nye afɔwoe.\nGbã wohe nye afɔwo. Le ŋkeke enyi megbe la, wowɔ dɔ le wo ŋu. Emegbe wobla afɔawo be woanɔ wo teƒe vaseɖe ɣeyiɣi si woawɔ dɔ si akplɔe ɖo. Dɔnɔdzikpɔlaa faa avi ne ekpɔ fu si gbegbe kpem menɔ.\nLe dzinu ene siwo kplɔe ɖo me la, mesrɔ̃ zɔzɔ kple bunɔwo ƒe atizɔti. Mete ŋu zãa bunɔwo ƒe atizɔtiawo tsɔ tsona eye nye kɔkɔme va ɖo afɔ etɔ̃ kloe. Nye kpekpeme wu kilogram 25 vie. Esi mete zɔzɔ kple bunɔwo ƒe atizɔtiawo ko la, megatrɔ yi nuwɔametɔwo ƒe aƒeame le ƒe 1964 me. Nublanuitɔe la, nye afɔmeƒu masẽmasẽawo mete ŋu tsɔa nye ametia ƒe kpekpeme o, eye medidi o eva hiã be maganɔ tatam, alo azã bunɔkeke hafi azɔ. Vaseɖe egbe la, bunɔkeke koŋue mezãna tsɔ zɔnae.\nNyemegadea sɔleme azɔ̃ o. Nya si wogblɔ be \"makɔmakɔtɔ\" ye tsɔm na wodzi la kua dzi nam ale gbegbe. Melɔ̃ fofonye kple danye ale gbegbe, eye nyemate ŋu axɔe ase be woawo kple Mawue na mele nɔnɔme ma me o. Medzea agbagba be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asinye. Medina be mawɔ nyui na amewo, eye vevietɔ wu la, matsɔ ana kakaɖedzi ɖokuinye be nye hã mate ŋu awɔe.\nÐokuinyesi Nɔnɔ\nLe ƒe 1970 me la, meɖe Lidia, amesi ƒe akpa aɖewo tu tso ɖevime ke. Míeƒle aƒe sue aɖe si me míenɔ ƒe 15 sɔŋ. Le ɣemaɣiwo la, mía kple evea siaa míewɔa dɔ tsɔ kpɔa mía ɖokui dzii. Mesrɔ̃ gaƒoɖokui kple mɔ̃ sue bubuwo dzadzraɖo.\nMezã avu si wona hehee tsɔ wɔa dɔ vevi geɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Le nyateƒe me la, mía kple ame aɖe si naa hehe avuwo míewɔ kɔmega tɔxɛ aɖe na avuawo. Avu eve nɔ asinye—ɖeka ŋkɔe nye Vulkan eye eveliae nye Palma. Palma nye zɔhɛ nuteƒewɔla ƒe geɖe. Ne míeyi fiase me la, eva tsɔa nuɖuɖu bablɛwo vɛ nam. Nusi ko medina be yeawɔ o enye be wòanɔ fli me ne míeyina fe xe ge. Etsɔa eƒe aɖuwo léa nye gakotokua eye nulénu sue aɖe nɔ eƒe kɔmegaa ŋu si ŋu metsi nye asiƒlekplo ɖo.\nLe ƒe 1973 me la, danye dze dɔ vevie. Esi wònye menɔ aƒeme ɣesiaɣi ta la, mía kple srɔ̃nye míetso nya me be míava kplɔe wòava nɔ mía gbɔ. Kaka ɣemaɣi naɖo la, fofonye kple nɔvinyeŋutsu atɔ̃ ku xoxo, eye nɔvinye etɔ̃ mamlɛawo nɔ Russia ƒe akpa bubuwo. Esime Dada nɔ mía gbɔ la, medze agbagba be mawɔ ɖesiaɖe si mate ŋui nɛ. Eva ku mlɔeba esi wòxɔ ƒe 85.\nLe ƒe 1978 me la, meɖoe be mawɔ ʋu na ɖokuinye. Esi mete kpɔ wɔ geɖe tsɔ srɔ̃ ewɔwɔ vɔ megbe la, mete ŋu wɔ ɖeka mlɔeba si sɔ nam. Dukɔa ƒe Ʋukukudɔdzikpɔƒe si le afima ɖe mɔ nam be makui atsɔ adoe kpɔ ne woadee agbalẽ me. Mena ŋkɔe be Osa (Wasp). Mía kple srɔ̃nye míewɔ kekexɔ sue aɖe ɖe eŋu si ate ŋu atsɔ agba si ƒe kpekpeme ade kilogram 300. Mía kple evea míete ŋu nɔa eme tsana hetsɔa nuwo ɖe ŋuti. Míezã ʋu sia vaseɖe ƒe 1985 me.\nLe ɣeyiɣi sia me la, nye miame ŋku gbã, eye nye ɖusime ŋku meganɔ nu kpɔm nyuie o. Emegbe dzidɔ va dze Lidia dzi. Le ƒe 1985 ƒe May me la, míaƒe lãmegbegblẽa zi mía dzi be míeʋu yi nuwɔametɔwo ƒe aƒe aɖe me le dugã si nye Dimitrovgrad me.\nNusita Dzi Dzɔam Ale Gbegbe Fifia\nLe ƒe 1990 ƒe dzomeŋɔli la, Yehowa Ðasefowo va nuwɔametɔwo ƒe aƒe si me míenɔ la me. Woƒe nufiafiawo dzɔ dzi nam ale gbegbe. Woxlẽ nu tso ŋutsu si wodzi wònye ŋkunɔ si ƒe nya le Yohanes ƒe Nyanyuia me la ŋu nam. Yesu gblɔ le eŋu be: \"Menye amesia alo eƒe dzilawoe wɔ nuvɔ̃ o.\" (Yohanes 9:1-3) Woɖe eme nam be ɖe míenyi nuvɔ̃ kple dɔléle dome tso mía tɔgbui Adam gbɔ.—Romatɔwo 5:12.\nƑo wo katã ta la, nyateƒe si nye be Mawu ayɔ dɔ amesiwo katã akpɔ agbe anɔ Via Yesu Kristo ƒe Dziɖuɖua te, esime woagbugbɔ Paradiso ava anyigba dzi la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Psalmo 37:11, 29; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dzidzɔɖatsiwo nɔ dodom le mo nam, eye megblɔ na ɖokuinye be: \"Mekpɔ nyateƒe la, nyateƒe la, nyateƒe la!\" Mesrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo ƒe ɖeka, eye le ƒe 1991 me la, mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi.\nTogbɔ be edzroam vevie be masubɔ Yehowa eye maɖe gbeƒã eƒe tameɖoɖo wɔnukuawo hã la, mɔxenu geɖe ɖe kpe nam. Tsã la, mehiã be matsa o, gake fifia eva hiã be mado ava gblɔ nye dzixɔsewo na amewo. Nye anyigbamama gbãtɔ si me maɖe gbeƒã le enye míaƒe nuwɔametɔwo ƒe aƒeame, afisi amesiwo wu 300 le. Be mate ŋu aɖo ame geɖe alesi nu anya wɔ gbɔ la, mebia be woana dɔm le xɔ si me wokpɔa aƒeamenyawo gbɔ le la me.\nŊdi sia ŋdi la, menɔa nye dɔwɔƒe nɔa nye dɔdasiwo wɔm. Le nye dɔa wɔwɔ me la, medze xɔlɔ̃ yeye geɖe eye medzroa Biblia me nyati dodzidzɔnamewo me kpli wo. Wo dometɔ geɖe xɔ agbalẽ kple magazine geɖe siwo kpe ɖe wo ŋu be wose Biblia gɔme. Eva ma amesiwo vaa afima be woana maxlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo na wo. Le ŋdɔnuɖuɣiwo la, amewo yɔa xɔ si me mía kple srɔ̃nye míele me ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi, ame bubu aɖeke magate ŋu ava eme o.\nNɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me kpena ɖe ŋunye geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wotsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo vɛ na mía kple srɔ̃nye hezãa ɣeyiɣi ɖe mía ŋu. Wokpena ɖe ŋunye le Fiaɖuƒe Akpata me yiyi hena hamea ƒe kpekpewo hã me. Ðasefo aɖe ƒle dzokeke si ŋu kekeʋu nɔ be wòatsɔ anɔ nye kɔmee. Enye dzidzɔ be nɔvi bubu siwo si ʋu le va kɔam le vuvɔŋɔli me dzinuwo me.\nBelélename lɔlɔ̃tɔe alea wɔe be mete ŋu de takpekpe gã, alo Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiakpekpe geɖe. Gbãtɔ si medee nye dukɔwo dome takpekpe gã si wowɔ le Moscow si ame gbogbo aɖe de le July 1993 me, afisi vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake ɖo 23,743, tso dukɔ siwo wu 30 me. Ehiã be mazɔ mɔ abe kilometa 1,000 ene hafi ade takpekpe ma. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe gã aɖeke meto ŋunye kpɔ o.\nNuwɔametɔwo ƒe aƒe si me míele la dzi kpɔlawo dea bubu ŋunye ale gbegbe, eye medaa akpe ɖe eta. Srɔ̃nye Lidia, amesi mía kplii míeli ɖekae ƒe 30 hã kpena ɖe ŋunye, togbɔ be meda asi ɖe nye subɔsubɔdzixɔsewo dzi o hã. Gake ƒo wo katã ta la, Yehowa zãa eƒe alɔkame sesẽ la kpena ɖe ŋunye eye wòkɔa eƒe yayra wɔnukuwo ɖe dzinye. Nyitsɔ laa, le September 1, 1997, dzi la, woɖom menye gbesiagbe mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe.\nNɔnɔmewo do mo ɖa zi geɖe le nye agbe me si ate ŋu ana nye dzi nadzudzɔ dɔwɔwɔ eye maku hafi. Aleke gbegbe dzi dzɔam be medzɔ nenema o, eye meva nya Agbenala, Yehowa Mawu helɔ̃e enye si! Medi be mayi edzi awɔ ɖeka kple nye gbɔgbɔme nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le xexeame godoo asubɔe zi alesi nye dzi kpɔtɔ le dɔ wɔm.\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\nMía kple srɔ̃nye Lidia\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nNufiafia nusrɔ̃vi aɖe le míaƒe nuwɔametɔwo ƒe aƒeme","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001208\/M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-Le-Asinye-Togb%C9%94-Be-Menye-Nuw%C9%94amet%C9%94-H%C3%A3\/","date":"2021-06-12T11:37:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487582767.0\/warc\/CC-MAIN-20210612103920-20210612133920-00197.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993975163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993975162506104}","num_words":1988,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nNukudziɖula gã,\nMi katã míaƒe fia,\nNa míaƒe ha nadze ŋuwò.\nWò amenuveve\nGbã go ɖe mía dzi ɖaa,\nMèdia míaƒe tosesẽ o.\nWò Gbɔgbɔ\nNafia mí,\nAle si mía 'ɖewo\nNakafuwò, Fofo!\nStanza 2\nDziƒo, kafu wɔla\nƑe ŋusẽ gã vevie\nWu ame ƒe dɔwo katã!\nƔe, ka wò totoewo\nBena woaɖe gbeƒã\nMawu ƒe ŋutikɔkɔe gã!\nMidzra ɖo,\nMi ɣleti\nKpakple ɣletiviwo,\nMikafu Yehowa!\nStanza 3\nDzi ha, nye luʋɔ hã,\nDzi ha kpakple dzidzɔ\nNa nuwo katã ƒe wɔla!\nNu sia nu, si gbɔgbɔ\nLi nɛ, nadze klo be\nWoadzi dzidzɔ kpl'a-kpedaha!\nMía Mawu\nZebaot\nÐeka koe dze bena\nWoakafu nyuie tegbee.\nStanza 4\nWò, si nye Yehowa,\nYɔnɛ be Fofowò\nLe Kristo me, dzi kafuha!\nWò, si lɔ̃a Yesu la,\nDzi Haleluya ɖaa!\nTsɔ ɖokuiwò nɛ kple wò dzi!\nXɔxɔ koe\nNye tɔwò;\nGb'a-ɖe gbe àkafui\nLe dziƒo kɔkɔe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-2\/","date":"2021-06-14T12:55:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990465641,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990465641021729}","num_words":142,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe Sia Ƒe Takpekpe October 7, 2000\nWOAWƆ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania me tɔwo ƒe ƒe sia ƒe takpekpe le October 7, 2000, dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le 2932 Kennedy Boulevard, Jersey City, New Jersey la me. Woawɔ Habɔbɔ sia me tɔwo ɖeɖeko ƒe kpekpe do ŋgɔ le ŋdi ga 9:15 me, eye le ema megbe la, woawɔ ƒe sia ƒe takpekpea ŋutɔ si woɖea mɔ ame bubuwo hã dena la le ŋdi ga 10:00 me.\nHabɔbɔa me tɔwo nana Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒea nanya adrɛs ƒe tɔtrɔ ɖesiaɖe si wowɔ le ƒe si va yi me la fifia ale be nyanyanagbalẽ kple amesiwo axɔ ɖe wo teƒe ne womate ŋu ava o ƒe ŋusẽnagbalẽ siwo woɖona ɖe wo la naɖo wo gbɔ le July me.\nEle be woatrɔ ŋusẽnagbalẽ siwo woaɖo ɖe wo kple ƒe sia ƒe takpekpea ƒe nyanyanagbalẽvia aɖo ɖe Habɔbɔa ƒe Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒe hafi August 1 nava yi. Ele be Habɔbɔa me tɔ ɖesiaɖe nakpe eƒe ŋusẽnagbalẽvia ɖo ahatrɔe aɖo ɖa enumake, eye wòagblɔe ne eya ŋutɔ ava takpekpea loo alo mava o. Ele be nyatakaka ɖesiaɖe si woagblɔ ku ɖe nya sia ŋu la me nakɔ nyuie, elabena eya dzie woanɔ te ɖo anya amesiwo ava.\nMíele mɔ kpɔm be ɖoɖoawo katã, si me habɔbɔa ƒe dɔwɔnyawo kple nyatakakawo hã le la, awu enu le ŋdɔ ga 1:00 me alo le ema megbe teti. Ŋdɔ me takpekpe manɔ anyi o. Esi nɔƒe mesɔ gbɔ o ta la, amesiwo wona amekpegbalẽviwoe koe ava. Womawɔ ɖoɖo aɖeke be woato telefonkadodo dzi ase ƒe sia ƒe takpekpea me nyawo le takpexɔ bubuwo me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000701\/%C6%91e-Sia-%C6%91e-Takpekpe-October-7-2000\/","date":"2021-06-20T22:36:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488257796.77\/warc\/CC-MAIN-20210620205203-20210620235203-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995574355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995574355125427}","num_words":264,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNɔnɔme kawo mee wòasɔ le be nyɔnu Kristotɔ nabla ta ɖe gbɔgbɔ me gɔmeɖosewo ta?\nApostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Nyɔnu sia nyɔnu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye mebla ta o la, edoa ŋukpe eƒe ta, elabena ele abe ɖe wòlũ ta ene.\" Nukatae? Mawu ƒe tanyenye ŋuti gɔmeɖose si nye, \"Nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu\" tae. Gbedodoɖa alo nufiafia le Kristo-hamea me nyea ŋutsuwo ƒe agbanɔamedzi zi geɖe. Eyata ne nyɔnu Kristotɔ aɖe wɔa subɔsubɔdɔ siwo wòle be srɔ̃aŋutsua alo ŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe nawɔ la, ele be wòabla ta.—Korintotɔwo I, 11:3-10.\nNɔnɔme siwo me wòle be nyɔnu Kristotɔ nabla ta le ate ŋu ado mo ɖa le eƒe srɔ̃ɖekadodoa me. Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomea ƒo ƒu hena Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ alo na nu ɖuɖu la, srɔ̃ŋutsua ye xɔa ŋgɔ le nu fiafia wo me eye wonɔa wo teƒe le gbedodoɖa na Mawu me. Gake ne dzimaxɔsetɔe wònye la, ke agbanɔamedzi sia akpɔ srɔ̃nyɔnua ŋkume. Eyata ne ele gbe dom ɖa ɖe eɖokui kple ame bubuwo ta alo le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple viawo le esime srɔ̃aŋutsua le teƒea la, ke esɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔa nabla ta. Ne srɔ̃aŋutsua mele teƒea o la, ke mahiã be srɔ̃nyɔnua nabla ta o, elabena enye Mawu ƒe sedede be wòafia nu viawo.—Lododowo 1:8; 6:20.\nKe ne viŋutsuvi sue aɖe nye Yehowa Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ le ƒomea me ɖe? Esi wònye viŋutsuvia nye Kristo-hamea me tɔ ta la, ele be wòaxɔ nufiame tso hamea me ŋutsuwo gbɔ. (Timoteo I, 2:12) Ne fofoa nye xɔsetɔ la, ke ele be wòaxɔ nufiame tso egbɔ. Gake ne fofoa meli o la, ke ele be dadaa nabla ta ne ele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple viaŋutsuvi sue xɔnyɔnyrɔa kpakple ɖevi bubuwo. Be wòana viaŋutsu sue si xɔ nyɔnyrɔ nado gbe ɖa alo madoe ɖa o le nusɔsrɔ̃ ma me alo le nuɖuɣi la nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòawɔ. Ðewohĩ abui be metsi ado gbe ɖa o eye wòatiae be ye ŋutɔ yeadoe ɖa. Ne etiae be ye ŋutɔ yeado gbea ɖa le ɣeyiɣi ma dzi la, ke ele be woabla ta.\nAhiã na nyɔnu Kristotɔwo be woabla ta ne wole dɔ aɖewo wɔm le hamea me. Le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖa domedome kpekpe hena gbeadziyiyi la, ate ŋu adzɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔwo koe va, nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖeke meva o. Le go bubuwo me la, ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖeke meva hamea ƒe kpekpe aɖe o. Ne wòva hiã be nɔvinyɔnu nakpɔ hamea ƒe dɔ siwo nɔviŋutsu wɔna le kpekpewo me alo awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi la, ke ele be wòabla ta.\nÐe wòle be nyɔnu Kristotɔwo nabla ta ne wole Biblia me nuƒowo me ɖem ɖe gbegbɔgblɔ bubu alo ɖe tokunɔgbe me alo le Biblia-srɔ̃gbalẽ si zãm wole le hamea ƒe kpekpe aɖe me la ƒe memamawo xlẽma? Ao. Nɔvinyɔnu siwo le dɔdasi siawo wɔm mele nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm alo le nu fiam o. Nenema kee mahiã be nɔvinyɔnu siwo wɔa wɔwɔfiawo, gblɔa nuteƒekpɔkpɔwo, alo wɔa sukuvi ƒe dɔdasiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la nabla ta o.\nNufiafia le hamea me nye ŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe dɔ, gake gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amesiwo mele hamea me o la nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ƒe agbanɔamedzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Eyata ne Kristotɔ nyɔnu le nu ƒom na amesiwo menye Ðasefowo o tso Mawu ƒe Nya ŋu le esime ŋutsu si nye Yehowa Ðasefo le eteƒe la, mahiã be wòabla ta o.\nGake nɔnɔmea to vovo ne wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si wowɔna edziedzi wɔm esime ŋutsu ɖeadzɔgbe, si xɔ nyɔnyrɔ le eteƒe. Esia nye nufiafia si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ si dzi amesi le nusɔsrɔ̃a wɔm la kpɔna. Le nɔnɔme siawo me la, nusɔsrɔ̃a va zu hamea ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe alɔdze. Ne Ðasefo nyɔnu xɔnyɔnyrɔe kpɔa nusɔsrɔ̃ ma dzi le esime Ðasefo ŋutsu xɔnyɔnyrɔ li la, ke esɔ nyuie be wòabla ta. Gake ele be nɔviŋutsu ɖeadzɔgbe la nado gbe ɖa. Mele be nɔvinyɔnu nado gbe ɖa le esime nɔviŋutsu ɖeadzɔgbe le teƒea o, negbe le nɔnɔme tɔxɛ aɖe, abe nɔviŋutsua mete ŋu gaƒoa nu kura o me koe nɔvinyɔnua ado gbe ɖa le.\nƔeaɖewoɣi la ate ŋu adzɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔ nayi Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒe kple ŋutsu Fiaɖuƒegbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Ne nɔvinyɔnua lɔ̃ la, ate ŋu abia tso esi be wòakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi. Gake esi wònye be mate ŋu anɔ eteƒe ado gbe ɖa na Yehowa o ta la, anyo wu be nɔvinyɔnua nado gbe ɖa le nusɔsrɔ̃a me. Ahiã be nɔvinyɔnua nabla ta nenye be ele nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm kple ne ele gbea dom ɖa. Togbɔ be ŋutsu gbeƒãɖela la mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o hã la, amewo bunɛ be enye hamea me tɔ le eƒe gbeƒãɖeɖe dɔa ta.\nApostolo Paulo ŋlɔ be: \"Ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti.\" Ẽ, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia le nɔvinyɔnu Kristotɔwo si be woanye kpɔɖeŋu nyuiwo na mawudɔla miliɔn geɖe siwo yia edzi bɔbɔa wo ɖokui nuteƒewɔwɔtɔe na Yehowa. Aleke gbegbee wòasɔe enye si be nyɔnu Mawu vɔ̃lawo nabu tababla nu vevii ne nɔnɔmea bia nenema!\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]\nTababla nye bubudede tanyenye ŋu ƒe dzesi","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020715\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-06-19T18:47:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487649688.44\/warc\/CC-MAIN-20210619172612-20210619202612-00059.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988929629,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988929629325867}","num_words":846,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe 1975 mee danye de dzesii zi gbãtɔ be kuxi aɖe le ŋunye. Ƒe eve koe mexɔ ɣemaɣi. Esime danye kɔm ɖe asi la, nu kpekpe aɖe ge le exɔlɔ̃ aɖe si dze anyigba heɖi sesĩe. Danye de dzesii be nyemeɖi vo teti hã o. Esi mexɔ ƒe etɔ̃ gɔ̃ hã la, nyemetea ŋu ƒoa nu o. Emegbe ɖɔktawo gblɔ dzigbãnya la na dzinyelawo be tokunɔe menye!\nÐevi dzaa koe menye esi dzinyelawo gbe wo nɔewo, si wɔe be nye ŋutɔ, fonye eveawo kple daanye dzi kpɔkpɔ va tsi Dada dzi. Ɣemaɣi la, nufiafia ƒe mɔnu si wozãna tsɔ fiaa nu ɖevi siwo nye tokunɔwo le France la menɔ abe ale si wòle egbea ene o, eye mɔnu siwo wozãna ɣemaɣi la naa tokunɔwo kpea fu geɖe ɣeaɖewoɣi. Ke hã tso nye ɖevime ke la, mɔnukpɔkpɔ aɖe si mesu tokunɔ geɖe si o la su asinye. Na maɖe eme.\nƔeaɖeɣi va yi la, agbalẽnyala geɖe xɔe se be ele be woazi ɖevi tokunɔwo dzi woasrɔ̃ nuƒoƒo eye woadze agbagba ase nya si gblɔm woƒe nufiala le gɔme to ŋkuléle ɖe eƒe nuyiwo ŋu me. Le nyateƒe me la, le France ƒe afi si metsi le la, wode se be woaganɔ tokunɔwo ƒe dzesiwo wɔm le suku o. Ne nufiala le nu fiam la, woblaa ɖevi siwo nye tokunɔwo ƒe asiwo ɖe wo megbe gɔ̃ hã.\nLe nye ɖevime la, ehiãna be manɔ anyi gaƒoƒo geɖe be ɖɔkta siwo fiaa nuƒoƒo tokunɔwo la nafia nuƒoƒom. Woléa nye glã alo nye ta henɔa eƒom ɖe nunye be magblɔ nya siwo nyemenɔ sesem gɔ̃ hã o. Nyemetea ŋu ɖoa dze kple ɖevi bubuwo o. Mekpe fu geɖe le ƒe mawo me.\nKe esi mexɔ ƒe ade la, wodem tokunɔwo ƒe suku aɖe, eye menɔ sukukpoa dzi. Emae nye zi gbãtɔ si menɔ ɖevi tokunɔ bubuwo dome. Wode se ɖe tokunɔgbedodo ŋu le afi sia hã. Ne wokpɔ mí míele tokunɔgbe dom le sukuxɔ me la, wohea nya ɖe mía ŋu vevie alo nyɔa ɖa le ta na mí. Ke hã míawo ŋutɔwo míeto dzesi siwo míetsɔ ɖoa dze kple mía nɔewo le bebeme la vɛ. Aleae wòdzɔe be meva te dzeɖoɖo kple ɖevi bubuwo mlɔeba. Mekpɔ dzidzɔ geɖe le ƒe ene siwo kplɔe ɖo la me.\nGake esi mexɔ ƒe ewo la, wodem suku aɖe si ɖevi siwo sea nu la dena. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ! Ðeko wòwɔ nam abe ɖe ɖevi tokunɔ bubuawo katã ku eye nye ɖeka koe ganye tokunɔ le xexea me ene. Nye ƒomea me tɔwo mesrɔ̃ tokunɔgbe o eye womeɖe mɔ nam be made ha kple ɖevi siwo nye tokunɔwo hã o, elabena ɖɔktawo ɖo aɖaŋu na wo be mɔɖeɖe ɖe esia ŋu awɔe be nyemawɔ ŋgɔyiyi le nuƒoƒosɔsrɔ̃ me o. Megaɖoa ŋku nu si dzɔ esime míeyi ɖɔkta aɖe si doa nuseseŋutete kpɔ gbɔ la dzi kokoko. Esi mekpɔ nɔnɔmetata siwo le tokunɔgbesrɔ̃gbalẽ aɖe si nɔ eƒe kplɔ̃ dzi dzi la, mefia asi agbalẽa hegblɔ be, \"Nu sia dimee mele!\" Enumake ko ɖɔktaa tsɔ agbalẽa ɣla. *\nMEDZE BIBLIA ME NYATEƑEA SƆSRƆ̃ GƆME\nDada dze agbagba he mí be míanɔ agbe abe Kristotɔwo ene. Ekplɔa mí yia Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo le Mérignac Hamea me, afi si te ɖe Bordeaux ŋu. Esi menye ɖevi ta la, nyemesea kpekpeawo me nyawo ƒe akpa gãtɔ gɔme o. Ke hã hamea me tɔwo ɖɔa li wo nɔewo va nɔa gbɔnye nɔa nya siwo gblɔm wole le kpekpea me la ŋlɔm nam. Woƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔlemea wɔ dɔ ɖe dzinye. Dada srɔ̃a Biblia kplim le aƒe me, gake nyemesea nu siwo wòfiaam la gɔme tututu o. Mese le ɖokuinye me abe nyagblɔɖila Daniel ene, elabena esi mawudɔla aɖe gblɔ nyagblɔɖinya aɖe nɛ la, egblɔ be: \"Mesee, ke nyemese egɔme o.\" (Daniel 12:8) Gake le gonyeme la, magblɔ be, \"Mekpɔe, ke nyemese egɔme o.\"\nKe hã vivivi la, Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo va ƒo ke ɖe to ɖe menye. Mede asixɔxɔ nu siwo gɔme mese nyuie la ŋu eye medze agbagba nɔ agbe ɖe wo nu. Mesrɔ̃ nu tso amewo ƒe nuwɔna hã me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be míagbɔ dzi ɖi. (Yakobo 5:7, 8) Nyemese nu si tututu dzigbɔɖi nye gɔme o. Ke hã ŋkuléle ɖe ale si haxɔsetɔwo ɖea nɔnɔme nyui sia fianae ŋu na meva se nu si wònye gɔme. Kristo hamea me nɔnɔ ɖe vi geɖe nam vavã.\nDZIGBÃNYA KPAKPLE DZIDZƆNYA\nGbe ɖeka, esime menye sɔhɛ la, mekpɔ ɖekakpui tokunɔ aɖewo le ablɔdzi wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo le tokunɔgbe me. Meva nɔ ha dem kpli wo le adzame hede asi Franse Tokunɔgbe sɔsrɔ̃ me. Meyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzi; le afi ma la, Ðasefo sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Stéphane tsɔ ɖe le eme nam vevie. Edze agbagba geɖe ŋutɔ be yeanɔ dze ɖom kplim eye mía kplii dome va nɔ kplikplikpli. Ke hã dzigbãnya aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la va tum. Wolé Stéphane de mɔ́ le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o ta. Esia gbã dzi nam vevie! Esime Stéphane meganɔ anyi o la, dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe be medzudzɔ kpekpeawo dede keŋkeŋ kloe.\nƔleti 11 megbe la, woɖe asi le Stéphane ŋu wòtrɔ gbɔ va aƒe me. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi dzɔm esi Stéphane va te dzeɖoɖo kplim le tokunɔgbe me la le susu mea? Ewɔ nuku nam ŋutɔ! Aleke wòdzɔe? Stéphane srɔ̃ Franse Tokunɔgbea esime wònɔ gaxɔa me. Mekpɔ ale si Stéphane nɔ eƒe asiwo wɔm kple ale si wòɖo moe esime wònɔ tokunɔgbea dom; dzi dzɔm ŋutɔ, eye mebu ale si gbegbe esia aɖe vi namee ŋu.\nMESE BIBLIA ME NYATEƑEA GƆME MLƆEBA\nStéphane va nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Ɣemaɣi ko hafi meva se Biblia me nyateƒe siwo katã mesrɔ̃ va yi la gɔme nyuie wu. Le nye ɖevime la, nɔnɔmetata dzeani siwo le míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo me la doa dzidzɔ nam ŋutɔ; metsɔa ameawo nɔa sɔsɔm kple wo nɔewo eye meléa ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito be ŋutinyaawo natsi susu me nam. Menya nu tso Abraham, eƒe 'dzidzimevia,' kple \"ameha gã\" la ŋu xoxo, gake esi mekpɔe woɖe nya siawo me le tokunɔgbe me ko hafi mese wo gɔme ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 22:15-18; Nyaɖeɖefia 7:9) Mekpɔe kɔtɛ be gbe siae nye esi sɔ nam wu, si wɔa dɔ ɖe dzinye.\nEsi meva nɔ kpekpeawo me nyawo gɔme sem nyuie azɔ ta la, nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye eye medi be masrɔ̃ nu geɖe wu. Le Stéphane ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva se Biblia me nyawo gɔme ɖe edzi, eye le ƒe 1992 me la, metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye mexɔ nyɔnyrɔ. Togbɔ be mewɔ ŋgɔyiyi geɖe hã la, esi nyemetea ŋu ɖoa dze kple amewo le nye ɖevime o ta la, meva zu ame si kpea ŋu eye nyemelɔ̃a ame dome nɔnɔ o.\nŊUKPE DZI ÐUÐU\nMlɔeba la, wova tsɔ tokunɔgbe ƒuƒoƒo sue si me menɔ la kple tokunɔgbe hame aɖe si le Pessac, si nye Bordeaux ƒe gbɔtodu aɖe, la ƒo ƒu wòzu hame ɖeka. Esia ɖe vi ŋutɔ, eye mewɔ ŋgɔyiyi le Mawu subɔsubɔ me. Togbɔ be dzeɖoɖo kple amewo ganɔ sesẽm nam hã la, xɔ̃nye siwo menye tokunɔwo o la dze agbagba vevie kpe ɖe ŋunye be mase nu sia nu gɔme nyuie. Atsu kple asi aɖe, siwo ŋkɔwoe nye Gilles kple Elodie, dze agbagba etɔxɛe be yewoanɔ dze ɖom kplim. Wokpeam vaa woƒe aƒe me zi geɖe le kpekpeawo megbe be maɖu nu alo ano kɔfi kpli yewo, si wɔe be míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mele ame siwo lɔ̃a ame abe ale si Mawu di ene la dome!\nHame sia mee medo go Vanessa si ƒe nu nyoa ame ŋu la le. Ale si wòsea veve ɖe ame nu helɔ̃a nya dzɔdzɔe lae na eƒe nu do dzidzɔ nam. Togbɔ be menye tokunɔ hã la, Vanessa mebui be esia nye mɔxenu o, ke boŋ ebui be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeadze xɔlɔ̃m. Eƒe nu va lé dzi nam, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 2005 me. Togbɔ be esesẽna nam be maɖo dze kple amewo hã la, Vanessa kpe ɖe ŋunye meɖu nye ŋukpea dzi eye mete ŋu le dze ɖom kple amewo geɖe wu. Medea asixɔxɔ ale si wòle kpekpem ɖe ŋunye le nye agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la ŋu.\nYEHOWA GAYRAM LE MƆ BUBU NU\nLe ƒe si me míeɖe srɔ̃ la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Louviers, France, la kpem be mava xɔ hehe ɣleti ɖeka le gbegɔmeɖeɖedɔ me. Le ƒe mawo me la, alɔdzedɔwɔƒea nɔ dɔ dzi vevie be woawɔ míaƒe agbalẽ geɖewo ƒe DVD le Franse Tokunɔgbe me. Gake esi dɔ geɖe ganɔ ŋgɔ ta la, ehiã be ame bubuwo nava kpe asi ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu.\nMía kple Vanessa siaa míese le mía ɖokui me be dɔwɔwɔ le alɔdzedɔwɔƒea nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple yayra tso Yehowa Mawu gbɔ, gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be míetsi dzimaɖi hã. Aleke nuwo ava nɔ na míaƒe tokunɔgbe ƒuƒoƒoa? Aleke míawɔ míaƒe aƒea? Ðe Vanessa akpɔ dɔ awɔ le nutoa mea? Yehowa kpɔ nya mawo katã gbɔ na mí le mɔ wɔnuku aɖe nu. Mekpɔe be Yehowa lɔ̃ mía kple srɔ̃nye kpakple tokunɔwo vavã.\nAME SIWO DOME ÐEKAWƆWƆ LE LA KPE ÐE ŊUNYE\nGomekpɔkpɔ le gbegɔmeɖeɖedɔa me na mekpɔ agbagba si gbegbe wodzena hafi tea ŋu kpena ɖe tokunɔwo ŋu be woanya Mawu la dze sii. Eye dzi dzɔam ale gbegbe ne mekpɔ ale si nye dɔwɔhati bubuwo le agbagba dzem be yewoaɖo dze kplim! Dzesi ʋɛ siwo wosrɔ̃ be yewoate ŋu aɖo dze kplim la wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemetsi akogo kura o. Lɔlɔ̃ɖeɖefia mawo katã ɖo kpe ɖekawɔwɔ wɔnuku si gbegbe le Yehowa ƒe amewo dome la dzi.—Psalmo 133:1.\nMedaa akpe na Yehowa be, to Kristo hamea dzi la, ekpɔa egbɔ be ame aɖe nɔa anyi kokoko si akpe ɖe ŋunye. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be nye hã mewɔ tɔnye si nua tsɔ kpe ɖe ame siwo hã nye tokunɔwo la ŋu be wodze si mía Wɔla lɔ̃amea hete ɖe eŋu. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me nuƒoƒo na ame nɔewo maganye kuxi azɔ o eye ameƒomea katã nawɔ ɖeka ado \"gbegbɔgblɔ dzadzɛ\" la, si nye nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.—Zefaniya 3:9, NW.\n^ mm. 9 Ƒe 1991 me ko hafi France dziɖuɖua va ɖe mɔ be woazã tokunɔgbe atsɔ afia nu ɖevi tokunɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130301\/tokun%C9%94-mese-nyawo-g%C9%94me-o\/","date":"2021-06-21T07:49:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488268274.66\/warc\/CC-MAIN-20210621055537-20210621085537-00577.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993331432,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993331432342529}","num_words":1707,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Womimi mí ɖo le mɔ sia mɔ nu, gake menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o; míetɔtɔ, gake menye be míenya nu si míawɔ kura o.\"\nAmeɖokuiwuwu le ko abe \"ale si vuvɔ nawɔ ame wòati kpo adze dzo me\" ene. Togbɔ be asesẽ na wò be nàxɔe ase hã la, ate ŋu adzɔ be nɔnɔme sesẽ si wu tsɔtsɔ na wò la manɔ anyi ɖaa o. Le nyateƒe me la, nuwo ate ŋu aɖɔ ɖo kpata.\nNe nɔnɔmea meva trɔ o gɔ̃ hã la, anyo be nànɔ wò kuxiwo gbɔ kpɔm vivivi, gbe sia gbe kple etɔ. Yesu gblɔ be: \"Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.\"\nKe ne wò nɔnɔmea mate ŋu atrɔ o, ɖewohĩ èle dɔ mavɔleameŋu aɖe lém ya ɖe? Ke ne wò nɔnɔmea nye esi ŋu màte ŋu awɔ naneke le o, ate ŋu anye be srɔ̃wò gbe wò alo wò ame vevi aɖe ku si tae dzi ɖe le ƒowò ɖo ya ɖe?\nNe ele alea gɔ̃ hã la, nane li si nàte ŋu atrɔ: eyae nye ale si nèbua wò nɔnɔmeae. Ne èse egɔme be agbea adoglomie wònye ɣi megbea enu nɔnɔ o eya ta nanewo li yemate ŋu atrɔ o la, ana nàda asɔ le ale si nèbua nɔnɔmeawoe me. (Lododowo 15:15) Ana hã be nàdi mɔ nyuitɔ si dzi nàto anɔ te ɖe kuxia nu tsɔ wu be nàɖe wò agbe ɖa. Vi kae esia aɖe na wò? Ana nànɔ te ɖe nɔnɔme siwo dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wò ene la nu.\nÐO ŊKU NYA SIA DZI: Màte ŋu alia to gã nyadri aɖe zi ɖeka o, ke hã àte ŋu aliae vivivi. Aleae wòle le kuxi sesẽ siwo míedoa goe siwo le abe to gã nyadriwo ene la hã gome.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Ƒo nu tso wò kuxia ŋu na ame aɖe, ate ŋu anye xɔ̃wò alo wò ƒometɔ aɖe. Ðewohĩ ame ma ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu wò nɔnɔmeawo ŋu le mɔ si da sɔ nu.—Lododowo 11:14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201404\/nuwo-va-tr%C9%94na\/","date":"2021-06-16T02:42:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621699.22\/warc\/CC-MAIN-20210616001810-20210616031810-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979277253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997927725315094}","num_words":356,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2005 Hehe Ka Ƒomevi Xɔxɔe Ana Agbe Nadze Edzi na Wò? Xɔ Hehe Nyuitɔ Kekeake si Li! Yehowa Magblẽ Wò Ði Akpɔ Gbeɖe O Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Yudatɔ Geɖe Va Zu Kristotɔwo Yehowa ƒe Nya Dzo Ʋĩ Yi \"Hɔ̃ ƒe Anyigba\" Dzi Kpɔ Nyuie Be Nàgava Zu Ðokuidoɖedzila O Yi Edzi Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ŋutɔŋutɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051015\/","date":"2021-06-14T14:59:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612537.23\/warc\/CC-MAIN-20210614135913-20210614165913-00217.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989641905,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989641904830933}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.138,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 456\nStanza 1\nYerusalem, du, si wotu ɖe dzi,\nÐe manɔ mewò ɖaa!\nEdzro nye luʋɔ vevie ale be,\nWòdo le menye gɔ̃,\nTo bali me kple to dzi,\nTo gbadzeƒewo dzi\nHegbɔ nuwo katã ta,\nDzo le xexe sia me.\nStanza 2\nO ŋkeke nyui, wò gaƒoƒo nyuitɔ,\nƔekaɣi àdo ma?\nGbe si gbe ke matsɔ dzideƒo faa,\nAɖ'a-si luʋɔ ŋu\nÐe Mawu ƒe asi me\nAbe awɔba 'ne,\nBe ele xɔxɔ kpɔ ge\nLe dziƒode nyui ma.\nStanza 3\n'Ðabaƒoƒo ɖeka me ko adzo\nYi lilĩ me ke ʋĩ,\nAgblẽ xexemenuwo katã ɖi,\nAyi dzi nukutɔe\nAbe Eliya ene,\nLe dzotasiaɖam me,\nYi Mawu ƒe dɔlawo\nKple ha tiatiawo gbɔ.\nStanza 4\nO dzidzɔdu, mele gbe dom na wò,\nƲu wò agbo la nam!\nXoxoxo ke nèle nye dzi la dzrom,\nAzɔ meva gbɔwò\nTso agbe vɔ̃ɖi sia me,\nTso yakanyenye me,\nBe makpɔ domenyinyi\nMavɔ le Mawu gbɔ.\nStanza 5\nNyagblɔlawo kple fofo gãwo ha,\nKristotɔ vavãwo,\nAme siwo tsɔ woƒ'a-titsoga\nKpe fu le xexeame,\nWole ŋutikɔkɔe me,\nLe ablɔɖe me,\nLe keklẽm abe ɣe 'ne,\nLe wò fiaɖuƒe me.\nStanza 6\nO, ne made Paradiso la me\nLe ŋutikɔkɔe me,\nAge ɖe wò dzidzɔ mavɔ la me\nAxɔ fiakuku la,\nHaleluya ko madzi\nKple akpedadaha,\nHosiana le dziƒo ʋĩ\nYi mavɔmavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-456\/","date":"2021-09-27T07:43:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982714057,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982714056968689}","num_words":212,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 294\nStanza 1\nNe Yesu nye tɔnye vavã\nEye nye hã menye etɔ,\nEsia gbɔ nu sia ta!\nNe nyateƒe me meyɔnɛ\nBe vulẽlanye, xɔlanye,\nNye agbe kple ny'a-ƒetɔ,\nMakpɔ dzidzɔ\nMavɔmavɔ le ƒs lɔlɔ̃,\nSi dem ŋuti;\nEye matsɔ ɖokuinye nɛ.\nStanza 2\nKpɔ xexemenu dzroamewo\nKple eƒe dzidzɔkpɔkpɔ da!\nEya amewo dina.\nWoɖua nu, womeɖia ƒo o,\nWonoa nu, womeɖia ko o;\nNu bleamewo ko wonye,\nYamenuwoe,\nWonaa kple fukpekpe\nMavɔmavɔ\nLuʋɔ, siwo ke woble la.\nStanza 3\nYesu gbɔ koe le vovo sã:\nEkplɔa mi yi ɖe teƒe nyui\nKple agbetsi fafɛ gbɔ.\nAfi ma miakpɔ dzidzɔ gã,\nSi mawuviwoko kpɔna,\nDzidzɔ gã mavɔmavɔ!\nNu nyui geɖe,\nŊutifafa, agbe vavã,\nLɔlɔ̃, ŋusẽ,\nYayra kpakple nu vɔ̃ keke.\nStanza 4\nDzidzɔ sia enye wo hã tɔ!\nEya ta xɔla le yɔwòm\nTso mɔ vɔ̃ dzi be, nàtrɔ!\nEya ta wova xexeame,\nEto fukpekpe kple ku me\nBe ne wòaxe wo fe keŋ\nEya ŋuti\nÐo to 'ƒe gbe, va 'gbɔ egbe;\nYesu akpɔ\nNublanui na wò kple lɔlɔ̃.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-294\/","date":"2021-09-27T07:00:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00470.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958266616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958266615867615}","num_words":168,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 391\nStanza 1\nNe Kristo nye tɔnye vavã,\nKonyi ka mahafa?\nÐe woama mía dome?\nAme ka agaxɔ dziƒo,\nSi Yesu tsɔ nam la,\nL'a-sinye sesẽtɔe?\nStanza 2\nNaneke menɔ asinye,\nEsime wodzim ɖe\nXexe sia me la, o.\nNe magadzo l'a-fi hã la,\nMadzo yi ƒuƒlu ko\nAbe vɔvɔ̃li 'ne.\nStanza 3\nŊutilã kple kesinɔnu\nMawu tɔ ko wonye,\nEya ŋutɔ na wo.\nNe elɔ̃ be, yeagaxɔ wo,\nNexɔ wo! Ke nye la\nMakafui kple dzidzɔ!\nStanza 4\nNe eɖo atitsoga ɖẽm,\nŊɔdzi kple, vɔvɔ̃ ɖom,\nÐe mabu ŋuɖoɖoa?\nMawu agatrɔe bubu nam,\nEya ko nya nu si\nAva trɔ zu nyui nam.\nStanza 5\nMawu na dzidzɔgbe geɖem;\nNe veve va azɔ,\nÐe nyemado dzi oa?\nNyateƒetɔe nye mía Mawu;\nEhea to na via ko;\nKe magbee keŋkeŋ o.\nStanza 6\nEle be, Kristotɔ nafia\nEɖokui 'fi sia 'fi\nDzideƒotɔ vavãe\nNe ku be, yeatugui hã la,\nMagabu dzideƒo\nLe naneke me o.\nStanza 7\nKu mate ŋu awu mí o;\nKe ahe mía gbɔgbɔ\nTso vevewo keŋ me.\nAtu fuwo ƒe agbo la,\nAɖe mɔ, be míayi\nDziƒodzidzɔ la me.\nStanza 8\nNu ka xexemenuwo nye?\nKe 'siƒlo ɖeka koe,\nDzi ƒe nuxaxa sɔŋ!\nDziƒo ko nu xɔasiwo le;\nAfi ma maɖi kɔ\nLe dzidzɔ mavɔ me.\nStanza 9\nYesu, wò, dzidzɔ ƒe vudo,\nMía kpli wò míebla nu;\nMíagaklã akpɔ o.\nWòe tsɔ wò agbe kple wò ʋu\nÐe ku me le tanye,\nBena manye tɔwò.\nStanza 10\nTɔnye wò hã nènye azɔ;\nMalé wò ɖ'a-si ko\nLe lɔlɔ̃ me tegbee.\nDo ŋusẽm be mad'a-fi si\nMía kpli wò miade ha\nLe agbe mavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-391\/","date":"2021-09-23T18:20:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00648.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978150725,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978150725364685}","num_words":261,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 376\nStanza 1\nWɔ dzi dzadzɛ aɖe nam dzro!\nNye dzi me nakɔ keŋ!\nYesu ƒe ʋu naklɔ nu vɔ̃\nKatã ɖa le menye!\nStanza 2\nGbã nye dzi, be wòabɔbɔ keŋ,\nAzu nɔƒe na wò,\nNe wò ɖeka ko nàɖu fia\nLe dzi yeye sia me!\nStanza 3\nTrɔ dzime nam nyateƒetɔe,\nBe wòalɔ̃ toɖoɖo;\nAgbe kple ku gɔ̃ hã mamae\nAtso Yesu gbɔ o!\nStanza 4\nWɔ dzi, si lɔlɔ̃ sɔŋ yɔ fũ\nLe nyateƒe me, nam!\nGbɔgbɔ yeye, si li ke la,\nNàtsɔ de nye dzi me!\nStanza 5\nNa wò susu kple nudidi\nNanɔ nye dzi me ɖaa!\nŊlɔ wò ŋkɔ ɖe nye dzi me ke,\nWò, Yesu, ƒe ŋkɔ nyui!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-376\/","date":"2021-09-27T07:04:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989265203,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989265203475952}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 166\nStanza 1\nLe Grinlandɔ̃tsikpeto dzi\nKple Kinaɔ̃duwo me,\nLe Afrikaɔ̃nyigba dzi,\nL'Amerika gbegbe,\nKple ƒukpo geɖe fũ dzi,\nAfisi gbegblẽ le,\nMíele nublanuiɣli sem\nMiva, mixɔ na mí!\nStanza 2\nNu nyui geɖewo sɔ gbɔ\nLe nuto mawo me.\nAnyigba ya nyo ŋutɔ,\nGake ameawo gblẽ.\nMawu ƒe dɔmenyonyo\nGbã go ɖe wo dzi dzro;\nAti kple kpe wosubɔ,\nWomenya Mawu o.\nStanza 3\nMí 'mesiwo nya Yesu,\nXɔ nunya tso dziƒo,\nÐe míazi kpi akpɔ wo,\nWoatsrɔ̃ ɖe nuvɔ̃ mea?\nGbeɖe! Agbenya míagblɔ\nNa amesiame faa,\nSeɖe sime wo katã\nWoadze klo na Kristo.\nStanza 4\nTɔwo, mikplɔ nyanyui yi,\nBena duwo nasee;\nMi yawo hã mitsɔe yi\nÐe amewo to me;\nMiɖe gbe ƒã xɔxɔ la\nLe afiwo katã,\nHafi Yesu avava\nLe ŋutikɔkɔe me.\nStanza 5\nMiɖe gbe ƒã nyanyui la\nL'anyigba katã dzi,\nBe mawufiaduƒe la\nNakpe xexeame ɖo!\nEkem míaƒe fia Yesu,\nSi nye kplɔla gã la,\nAva 'nyigba yeyea dzi\nAnye mía fia tegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-166\/","date":"2021-09-20T05:09:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00258.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989032149,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998903214931488}","num_words":158,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Subɔsubɔ ƒe game sɔa kple Branham ƒe Agbadɔ ƒe subɔsubɔ la tututu. Le kpɔɖeŋu me, ne woƒe subɔsubɔ dzea egɔme ga 2 woale me, esime Indiana ƒe game trɔa le vuvɔŋɔli me la, gaƒoƒo 3 ƒe vovototo nɔa míadome. Ne wòle alea la míaƒe subɔsubɔa adze egɔme ŋdi ga 11. Miate ŋu ayɔ le +1 (520)-678-5308 ne woaɖo kpe game la dzi na mi.\nMíedea dzesi ŋudzedzekpɔkpɔ siwo mieŋlɔna katã be míemaa nusiwo wolé ɖe mɔ̃ dzi le Branham ƒe Agbadɔ la me kpli mi ne míeɖoa ŋu na mi gɔ hã o. Míaƒe ɣesiaɣi ƒe ŋuɖoɖoe nye:\n\"Míele esiawo ƒom le míaƒe subɔsubɔwo me hele nyɔnyɔ aɖe me tom ke míeka ɖe dzi be awɔ nenema ke na miawo hã. \"\nMawu ne yra mi esime NYA la anɔ mia nu vivim.\nMIŊLƆ ŊUƉOƉO\nWomele wò email address fia ge le dutoƒo o. Nusiwo wobia be woaŋlɔ woe wode dzesi kple dzesi sia (*)","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/takpekpe%C9%A3iwo\/","date":"2021-12-02T23:35:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964362297.22\/warc\/CC-MAIN-20211202205828-20211202235828-00477.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991236329,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991236329078674}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Meyi nuɖuɖu ƒle ge le fiase me, gake akpɔnɔviviwo koe mekpɔ—eye homea dzi ɖe edzi teƒe 10,000 sɔŋ! Esi metrɔ yi ŋufɔke la, nuɖuɖu aɖeke megale fiaseawo me o.\"—Paul, si le Zimbabwe.\n\"Srɔ̃nye na mebɔbɔ nɔ anyi, eye wògblɔ nam be yele dzo- dzom le mía gbɔ. Aleke mawɔ ado dzi le nɔnɔme sia me? Aleke agbea anɔ na vinyewo?\"—Janet, si le United States.\n\"Ne kpẽawo te ɖiɖi ko la, mesia du yia bebeƒe ɖamlɔa anyi ɖe anyigba esime bɔmbawo le wowóm. Gaƒoƒo geɖe megbe la, nye asiwo ganɔa ƒoƒom kokoko.\"—Alona, si le Israel.\nDzimaɖitsitsi ƒe ɣeyiɣiwo mee míele, wonye 'ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.' (2 Timoteo 3:1) Gakuxiwo, ƒomekuxiwo, aʋawɔwɔ, dɔléle yeyewo ƒe dodo kple dzɔdzɔmefɔkuwo alo esiwo amegbetɔwo he vɛ la katã na be ame geɖe tɔtɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ame ŋutɔ ƒe dzitsitsiwo hã li; le kpɔɖeŋu me: 'Ðe nutete si wokpɔ le lãme nam la ava zu kansa?' 'Aleke xexea me ava nɔ na vinyewo kple wo viwo?'\nMenye dzimaɖitsitsiwo katã ye gblẽ o. Le dzɔdzɔme nu la, míetsia dzimaɖi ne míele dodokpɔ wɔ ge alo míeyi dɔ di ge eye wòhiã be woabia gbe mí. Eye vɔvɔ̃ na afɔku hã kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa nɛ be nu vevi nagawɔ mí o. Gake vɔvɔ̃ alo dzimaɖitsitsi atraɖii ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa le ame tsitsi siwo wu 68,000 ŋu la ɖee fia be dzimaɖitsitsi si nu mesẽ o gɔ̃ hã ate ŋu aɖe ame ƒe agbenɔƒewo dzi akpɔtɔ. Eya ta susu nyui aɖe tae Yesu bia be: \"Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?\" Nyateƒee, dzimaɖitsitsi medidia ame aɖeke ƒe agbenɔƒe ɖe edzi o. Eya tae Yesu ɖo aɖaŋu be: \"Midzudzɔ dzimaɖitsitsi.\" (Mateo 6:25, 27) Gake aleke gɔ̃e míate ŋu awɔ esiae?\nŊuɖoɖoae nye be míazɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le dzi, axɔ Mawu dzi ase, eye mɔkpɔkpɔ vavã nanɔ mía si. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom fifia o hã la, ɖewohĩ woava mía dzi le etsɔme. Eya ta na míakpɔ ale si aɖaŋuɖoɖo siawo dzi wɔwɔ kpe ɖe Paul, Janet kple Alona ŋu wodzudzɔ dzimaɖitsitsii ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150701\/dzima%C9%96itsitsi-atra%C9%96ii\/","date":"2022-01-26T18:37:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304959.80\/warc\/CC-MAIN-20220126162115-20220126192115-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987788796,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987788796424866}","num_words":361,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 432\nStanza 1\nFafa ava ame kuku\nSiwo ku le Kristo me la dzi;\nWoagafɔ ado tso yɔ me.\nLe kudɔƒoƒo megbe la\nŊudzɔgbe ƒe ŋu ake na wo,\nWoakpɔ dzidzɔ mavɔmavɔ.\nAzɔ le woadzudzɔ,\nWomagakpe fu o.\nXɔxɔ neva\nTso Mawuvi\nLe zi dzi gbɔ!\nWoaxɔ wo dɔwɔna fetu.\nStanza 2\nKafukafu kpl'a-kpedada\nWoana xexemexɔla Yesu\nLe dziƒo kple anyigba siaa!\nMi ame siwo ɖu dzi xo,\nMitsɔ kafukafu kple bubu\nNa alẽvi, si wosa vɔe!\nMía teƒe wòku ɖo;\nMizi avi azɔ!\nMawuviwo\nMenya ku o,\nBoŋ dzidzɔ ko\nLe Yesu Kristo ƒe fiazi la ŋgɔ.\nStanza 3\nMenye ɣe kple ɣletiviwo\nLaklẽ na mí afi ma ya o;\nYesu ŋutɔ enye mí ɣe.\nMíakpɔ agbe mavɔmavɔ\nMíaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖe ta\nAdze ƒã le mía ŋuti keŋ.\nMigafa konyi o!\nXoxonuwo va yi!\nMía xɔla la\nEdze mía ŋgɔ\nTo kumɔ dzi;\nMíadze eyome yi dziƒo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-432\/","date":"2022-01-28T12:48:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00224.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973288178,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973288178443909}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yona\nƒe agbalẽ\n1\nYona si le Yehowa nu\n1 Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be,\n2 \"Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.\"\n3 Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ.\n4 Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ. 5 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie.\nEsi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo. 6 Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, \"Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!\"\n7 Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, \"Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.\" Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi. 8 Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, \"Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?\"\n9 Yona ɖo eŋu na wo be, \"Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.\"\n10 Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, \"Nu ka nèwɔ?\" Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ.\n11 Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, \"Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?\"\n12 Yona gblɔ na wo be, \"Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.\"\n13 Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã. 14 Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, \"O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.\"\n15 Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake.\n16 Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ.\nYona ƒe gbedodoɖa\n17 Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JON01.htm","date":"2022-05-17T05:07:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993304014,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993304014205933}","num_words":500,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nTito\n1\n1 Nye, Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia Mawusosroɖa gbɔe, 2 xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, 3 eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu.\n4 Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu.\nAmenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.\nTito ƒe dɔdeasi le Kreta\n5 Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene. 6 Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7 Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. 9 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.\n10 Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. 11 Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. 12 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, \"Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo\" 13 Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe, eya ta ka mo na wo vevie, ale be woade blibo le xɔse la me, 14 eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. 15 Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. 16 Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/TIT01.htm","date":"2022-05-19T12:21:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985744357,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998574435710907}","num_words":465,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Rut\nƒe agbalẽ\n1\nElimelek kple Naomi ʋu yi Moabnyigba dzi\n1 Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi. 2 Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.\n3 Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo. 4 Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la, 5 Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.\nRut ku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu\n6 Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo. 7 Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.\n8 Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, \"Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene. 9 Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.\"\nNaomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe. 10 Wogblɔ na Naomi be, \"Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.\"\n11 Ke Naomi gblɔ na wo be, \"Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea? 12 Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la, 13 ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!\"\n14 Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.\n15 Ale Naomi gblɔ nɛ be, \"Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.\"\n16 Rut ɖo eŋu be, \"Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. 17 Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.\"\n18 Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu, 19 ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, \"Naomi nye esia nyateƒea?\"\n20 Naomi ɖo eŋu be, \"Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ. 21 Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?\"\n22 Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/RUT01.htm","date":"2022-05-19T12:55:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00047.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992369413,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992369413375854}","num_words":579,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Habakuk\nƒe agbalẽ\n1\n1 Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk.\nHabakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu\n2 O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam?\nMedo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o.\nNu ka ta medo ɣli be:\n\"Ŋutasesẽ le edzi yim\"\ngake mèɖo xɔname ɖa o.\n3 Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm?\nNu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ?\nElabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me\neye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.\n4 Ŋusẽ megale se la si o\neye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo\nelabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo.\nEya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.\nYehowa ƒe ŋuɖoɖo\n5 Yehowa ɖo eŋu nam be,\n\"Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti\neye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò.\nMele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne\nwogblɔe na wò la màxɔe ase o.\n6 Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te;\ndukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe;\name siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be\nwoaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o.\n7 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu;\nwowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu;\nwodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi.\n8 Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle,\neye wonyrana wu amegaxi le zã me.\nWoƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ;\nɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o.\nWosaa agba le futɔwo dzi\nabe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene.\n9 Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu.\nWoƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo\nkple dzo sesẽ le dzogbe ene,\nne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene.\n10 Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti\neye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti.\nƉeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua!\n11 Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene\ngake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi\nelabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.\"\nHabakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu evelia\n12 O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa?\nNye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o.\nO Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí.\nO Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí.\n13 Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o\neye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o;\nke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm?\nNu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi\name siwo le dzɔdzɔe wu wo?\n14 Èwɔ amewo le abe lã siwo le atsiaƒu me\nkple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene.\n15 Futɔ vɔ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu.\nEda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me\neya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo.\n16 Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ,\neye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu,\nelabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum\neye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme.\n17 Ɖe nàɖe mɔ be woanɔ ɖɔdada dzi\nahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/HAB01.htm","date":"2022-05-19T12:07:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00039.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99937886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993788599967957}","num_words":494,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nGalatiatɔwo\n1\n1 Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso. 2 Nɔvi Kristotɔ, siwo le afi sia kplim la le gbe dom na mi.\nNa hame siwo le Galatia nutowo me:\n3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo, 4 ame si ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu, mía Fofo la ɖoe ene, eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me le Mawu, mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu. 5 Eya tɔe nye bubu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.\nNyanyui bubu aɖeke megali o\n6 Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome, 7 evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.\n8 Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi. 9 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.\n10 Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.\nMawu yɔ Paulo\n11 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, medi be mana mianya be nyanyui si gblɔm mele la menye nya si tso ame aɖeke gbɔ o. 12 Nyemexɔe tso ame aɖeke gbɔ o, alo menye ame aɖekee fiam o, ke boŋ mexɔe to ɖeɖefia me tso Yesu Kristo gbɔ.\n13 Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo. 14 Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu.\n15 Gake esi wòdze Mawu, si tiam tso danye ƒe dɔ me ke ŋu, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm, 16 eye wòɖe eya ŋutɔ Via fiam be magblɔ eƒe nya na ame siwo menye Yudatɔwo o la, nyemegblɔ be maxɔ aɖaŋu tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. 17 Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko. 18 Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.\n19 Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko. 20 Mele kakaɖedzi nam mi le Mawu ŋkume be nya si ŋlɔm mele na mi la menye aʋatso o. 21 Le esia megbe la, meyi Siria kple Kilikia. 22 Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o. 23 Nu si wonya koe nye nya si amewo nɔ gbɔgblɔm be, \"Ame si nɔ mía yome tim tsã la le gbeƒã ɖem xɔse si wòdze agbagba be yeatsrɔ̃ la fifia.\" 24 Eye wokafu Mawu ɖe tanye.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/GAL01.htm","date":"2022-05-19T12:24:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00272.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989972711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989972710609436}","num_words":556,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kukuawo—Ðe Woagava Nɔ Agbe Akea?\nLE February 1987 me la, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 85 la tiae be yeadzudzɔ ayikumekɔklɔ si wowɔna nɛ le kɔdzi edziedzi bene wòate ŋu ayi edzi anɔ agbe la. Le kwasiɖa eve megbe la, eku kpoo le ye ŋutɔ ƒe aƒe me esime via ŋutsu si nye eƒe tenuvi la nɔ exa.\nWo ame evea ƒe anyinɔnɔ ɖekae le ɣeyiɣi mamlɛ mawo me na mɔnukpɔkpɔ wo be wogbugbɔ dzro nya aɖe si ŋu wode ŋugble le kpɔ la me, si nye: Ðe ame kukuwo agava nɔ agbe akea? Vifofoa, si nye ame si de suku yi ŋgɔ ŋutɔ la, meka ɖe edzi o. Exɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se, eye subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ doa dziku nɛ. Eya ŋutɔ gblɔna be Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelae yenye—exɔe se be womate ŋu anya ne Mawu li o.\nVia, si di be yeana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ nasu ye fofoa si la, ɖe nu siwo ta wòate ŋu aka ɖe edzi be ame kukuwo agate ŋu ava nɔ agbe ake la me nɛ. Esime vifofoa ƒe kuɣi nɔ aƒe tum la, eva lɔ̃ ɖe edzi be agbenɔnɔ ake, agbenɔnɔ le lãmesẽ kple ŋusẽ yeye me anyo ŋutɔ.\nAkɔfafakpɔkpɔ Le Kudo Nu\nAme sia ame kloe adi be ne anya wɔ la, yeagava nɔ agbe ake le xexe aɖe si me ŋutifafa axɔ aƒe ɖo me, esime yeanɔ lãmesẽ nyuie me eye ŋusẽ yeye anɔ ye ŋu. Amegbetɔwo mele abe lãwo, siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me be 'womenyaa nu o,' alo seselelãme nu koe wowɔa nu ɖo la ene o. (2 Petro 2:12) Míeɖia míaƒe ame kukuwo. Míebua etsɔme ŋu. Míedina be míatsi aku amegã ahaku o. Gake nu siawoe dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi.\nNe míaƒe ame vevi aɖe alo míawo ŋutɔwo ƒe kuɣi le aƒe tum la, enana míebua tame vevie eye wòtena ɖe mía dzi. Gake Biblia de dzi ƒo na mí, esime wògblɔ be: \"Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi.\" Egblɔ kpee be: \"[Esia dea dzi gbɔ] na agbagbeawo.\" (Nyagblɔla 7:2) Nu ka tae wòle be míade ŋugble tso ku ƒe nya sia ŋu vevie ahana wòade dzi gbɔ na mí?\nSusu ɖekae nye be, enye míaƒe dzɔdzɔmedidi be míanɔ agbe le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me. Ku, alo agbemanɔmanɔ kura, dzia ŋɔ na mí le dzɔdzɔme nu. Esesẽna na mí, alo kura gɔ̃ hã, míedina be míaxɔe ase be míava dzudzɔ agbenɔnɔ gbe ɖeka o. Biblia ɖe nu si tae me be: \"Mawu de mavɔmavɔnyenye tame na amegbetɔ\" alo dee \"dzi me na wo.\" (Nyagblɔla 3:11, Agbenya La) Míedina be míanɔ agbe—menye be míaku o. Bu eŋu kpɔ: Ðe didi ma nu asẽ le mía me nenema gbegbe ne ɖe menye mía Wɔla ƒe tameɖoɖo be míanɔ agbe tegbee oa? Ðe wòanya wɔ be míagate ŋu ava nɔ agbe ake le lãmesẽ kple dzidzɔ me tegbeea?\nSusu Si Ta Wòle Be Nàxɔe Ase\nLe ƒe si va yi me la, Amerikatɔ Siwo Xɔ Dzudzɔ Le Dɔme Ƒe Habɔbɔ ta nyati si nye, \"Agbenɔnɔ Le Ku Megbe\" ɖe woƒe magazine aɖe me. Esi wobia gbe ame gbogbo aɖewo siwo xɔ ƒe 50 kple edzivɔ la, wokpɔe be \"wo dometɔ etɔ̃ le ene me kloe (si nye 73 le alafa me) lɔ̃ ɖe nyagbɔgblɔ sia dzi be: 'Mexɔ edzi se be agbe le ku megbe.'\" Gake magazinea gblɔ be ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le ene me lɔƒo ya lɔ̃ ɖe nya sia dzi be: \"Mexɔe se be ne meku ko la, evɔ enye ema.\" Gake nenemae amewo dina be wòadzɔ ɖe yewo dzi ŋutɔŋutɔa?\nNyati ma ke ka nya ta be Tom, si nye Katolikotɔ, si tso New York la gblɔ be: \"Nunɔlawo fiaa nu be agbe gale ku megbe? Nye ya ɖeko wòwɔna nam be amewo fiaa nu vovovowo tso nya ma ŋu. Gake ɖeko wòle be wò ŋutɔ nàtia nu si dzi nàxɔ ase. Medea sɔleme. Menɔa agbe kple susu be agbe gale ku megbe, gake nyemexɔ edzi se o. Ne nyateƒee wònye la, ke enyo ŋutɔ.\"\nAbe Tom ene la, ame geɖewo mexɔa nya sia dzi se o—abe vifofo si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea ene, si lɔ̃a gbɔgblɔ na via ŋutsua be, \"Ame siwo mete ŋu nɔa te ɖe nyateƒe si wònye be woava ku nu o lae sɔlemedede NYO na.\" Ke hã, abe ale si ŋutsu sia kple ɖikela bubuwo va lɔ̃ ɖe edzi ene la, Wɔla ŋusẽkatãtɔ aɖe dzi xɔxɔ se koe ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woaxɔ nukunu siwo gɔmesese sesẽ la dzi ase.\nLe kpɔŋuɖe me, kwasiɖa etɔ̃ pɛ le fufɔfɔ megbe la, ahɔhɔ̃ me nugbagbeviwo tea wɔwɔ le fugboea me. Nugbagbevi siawo dzina ɖe edzi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, ɣeaɖewoɣi la, wodzina dea akpe 250 le miniti ɖeka me! Ɣleti asieke megbe la, wodzia vidzĩe si si ahɔhɔ̃ si ŋu nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le. James Watson si nye agbeŋusẽŋutinunyala yɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ be \"nu si gɔmesese goglo wu ɖe sia ɖe si ŋu míeke ɖo le míaƒe xexe gbahoo sia katã me va se ɖe fifia.\"\nNe èle ŋugble dem tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu la, ɖe wòwɔa nuku na wò abe ale si wònɔna le ame akpa gãtɔ gome enea? Ðe esia ŋu bubu kpe ɖe ŋuwò nèkpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia si ŋutsu aɖe fɔ ɖe te ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, be: \"Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?\" Ŋutsu ma gblɔ na Mawu kakaɖedzitɔe be: \"Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.\"—Hiob 14:14, 15.\nKakaɖedzitɔe la, anyo be míade ŋugble tso kpeɖodzi siwo ɖee fia be susu le eme be míaxɔe ase be ame kukuwo agava nɔ agbe ake la ŋu.—g08 09-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200810\/Kukuawo-%C3%90e-Woagava-N%C9%94-Agbe-Akea\/","date":"2022-05-26T07:05:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662604495.84\/warc\/CC-MAIN-20220526065603-20220526095603-00671.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978691936,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978691935539246}","num_words":932,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! November 8, 2002 \"Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me\" AIDS Kaka ɖe Afrika Ðe Woava Tsi AIDS Nua? Ne Nenemae la, Aleke? Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu! Ðe Mehiã Asitelefon Ŋutɔŋutɔa? Ðe Mɔkpɔkpɔ na Ŋutifafa Le Bubuma? Subɔsubɔhawo Kpe Ta le Assisi be Woadi Ŋutifafa Amekae Ahe Ŋutifafa Mavɔ Vɛ? Ðe Mawu Aŋe Aɖaba Aƒu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzia? Gododo Wɔnuku Aɖe Le Ƒe 30 Megbe","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021108\/","date":"2022-07-05T15:01:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104585887.84\/warc\/CC-MAIN-20220705144321-20220705174321-00039.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993190765,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993190765380859}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"34 Mi dukɔwo, mite va ne miasee;Mi dukɔwo, miƒu to anyi. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,Anyigba la kple edzinuwo katã nesee. 2 Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu,+Eye wòdo dziku ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu.+ Atsrɔ̃ wo gbidigbidi;Atsɔ wo ana woawu.+ 3 Woatsɔ woƒe ame siwo wowu la aƒu gbe;Eye woƒe kukuawo ƒe ʋeʋẽ kũu axɔ yame;+Woƒe ʋu ana towo nalólo.*+ 4 Dziƒoʋakɔ blibo la katã anyunyɔ,Woaŋlɔ́ dziƒowo abe agbalẽ xatsaxatsa ene. Woƒe aʋakɔ blibo la katã ayrɔ,Abe ale si aŋgba yɔyrɔwo duduna le wainka ŋu ene,Abe ale si gbotsetse léakpɔ̃ gena tso gboti dzi ene. 5 \"Elabena nye yi aƒo ʋu belee le dziƒowo.+ Aɖiɖi ɖe Edom dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me,+Ðe dukɔ si matsrɔ̃ gbidigbidi la dzi. 6 Yi le Yehowa si; aƒo ʋu. Aƒo ami,+Aƒo alẽtsuiwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu,Agbowo ƒe ayikuwo ƒe ami. Elabena Yehowa le vɔ sa ge le Bozra,Eye wòawu lã gbogbo aɖewo le Edom-nyigba dzi.+ 7 Woawu gbenyiwo hã kpe ɖe wo ŋu,Nyitsuiwo kple nyitsu sesẽwo hã. Woƒe anyigba aƒo ʋu belee,Eye woƒe ke aƒo ami.\" 8 Elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si,+Anye teƒeɖoɖo ƒe ƒe si wòatsɔ axɔ na Zion.+ 9 Eƒe* tɔsisiwo azu aŋɔ,Eye eƒe ke azu dzokpe,Eƒe anyigba azu abe aŋɔ si le bibim ene. 10 Matsi o, zã kple keli;Eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee. Azu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime;Ame aɖeke mato edzi akpɔ o tegbetegbee.+ 11 Azu alugewo kple hlɔ̃madewo nɔƒe,Eye favieʋutowo kple akpaviãwo anɔ edzi; Ada dzidzeka ɖe edzi be wòazu gbegbeKple nudakpe ɖe edzi be wòazu aƒedo. 12 Womatsɔ eƒe bubume aɖeke aɖo fiae o,Eƒe amegãwo katã nu ayi. 13 Aŋɔka amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me,Dza kple ŋù amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me. Azu agbotoewo nɔƒe+Kple bebeƒe na golowo.* 14 Lã siwo nɔa gbegbe kple lã siwo xlɔ̃na sesĩe la ado go le afi ma,Eye gbegbɔ̃* gɔ̃ hã ayɔ wo nɔewo. Zãxewo aɖe dzi ɖi, eye woagbɔ ɖe eme le afi ma. 15 Afi mae da si lũa ʋɔ awɔ atɔ ɖo aɖa azi,Aƒo vi ahaƒo wo nu ƒu ɖe eƒe vɔvɔli te le. Ɛ̃, ayisuwo* aƒo ƒu ɖe afi ma, atsu kple nɔe. 16 Miawo ŋutɔwo midzro Yehowa ƒe agbalẽ la me, eye mikɔ gbe dzi miaxlẽe: Wo dometɔ aɖeke mabu o;Nɔe aɖeke mado kpo atsu kpɔkpɔ o,Elabena Yehowa ƒe nue de se la,Eye eƒe gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu. 17 Eyae dzidze nu na wo,Eye eya ŋutɔe tsɔ asi dzidze teƒea na wo.* Azu wo tɔ tegbee;Woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Woƒe ʋu asi le towo dzi.\"\n^ Bozra, si nye Edom ƒe fiadu lae wowɔnɛ.\n^ Alo, \"tsatsaboliwo.\"\n^ Agate ŋu afia, \"gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ƒe dzedzeme le abe gbɔ̃ ene.\"\n^ Alo, \"yitsuiwo.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"tsɔ dzidzeka mae na wo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yesaya\/34\/","date":"2022-10-04T22:19:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337529.69\/warc\/CC-MAIN-20221004215917-20221005005917-00413.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984915853,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984915852546692}","num_words":434,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedasi: 62-1230M Tɔɖoƒe\nAme Ɖeka Gbedeasi Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,\nŊkuɖodzi Ŋkeke ƒe ƒe kae nye esi na Ŋugbetɔ la. Ewɔ mí ɖekae tso xexea katã me kple nu ɖeka ko lia si ate ŋu ahe Eƒe Ŋugbetɔ la vɛ ɖe du, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, Mawu ƒe Gbe la ŋutɔ ŋutɔ si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm do goe.\nKe azɔ mexɔe se be Ele gbesɔsɔ be yeatu kɔkɔƒe gã la le go kemea dzi, be yeahe Xɔsea aɖe si akɔ Hame la adzo yi ɖe Ŋutikɔkɔe me vɛ. Ke Ele Gbedeasiawo me.\nGbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia ku seke hedeto ɖe míaƒe dziawo me azɔ. Míaƒe nuwɔnawo sɔ kple Nya la tututu. Míenyae be míaƒe nufiafia deblibo kple Nya la, míele le ɖeke tsɔm le Ekpem alo le Eɖe ɖem le Me o. Na míawo ya la, míele nububu aɖeke dim o negbe Nya la le nyaƒoka dzi.\nEle míadzram ɖo hena kɔkɔƒe mamlea esime wòle Xɔse si hĩa mí na Kɔkɔdzɔe la nam mí. Xɔse ma, le mía me AZƆ. Wole Kristo ƒe agbe ɖem ɖe go kloe le nɔnɔme aɖe si do ŋutilã me, le mía me, abe alesi wònɔ Kristo me ene.\nMíele Eƒe agbe kpɔm. \"Dɔ siwo wɔm Mele la woawo kee miawɔ.\" Menye amesi wɔ eɖokui be yexɔese o, amesi susui be yexɔese o, gake, \"Amesi xɔese.\" \"Amesi xɔ Dzinye se la, dɔ siwo wɔm Mele la, eya hã awɔe.\" Nukata? Èku seke ɖe Agakpe ma ke dzi. Nukae nye Agakpe laa? Nya la, kokoko. Èku seke ɖe afima. Wò dziehe Ɣletivi lae wònye ne èbu le atsiaƒu dzi.\nMíeku seke ɖe Agakpe ma dzi alegbegbe. Míexɔ kakaɖedzi kuɖe Eŋu. Míenya Nusi Wònye. Míetsɔa amebubu aɖe ƒe Nya o, míenɔa anyi kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Míeva ɖo míaƒe Tɔɖoƒe la gbɔ.\nMíekpɔ kɔɖiɖi fũ hekpɔ dzidzɔ. Megahĩa be woabia nya aɖe abe alesi wònɔ le Ʋɔŋudrɔlawo ƒe ŋkekewo me, kple ame geɖewo alegbegbe egbea ene, afisi amesiame wɔa nusi dzɔ le eƒe nukpɔkpɔ ŋu, afisi amesiame ɖo eƒe tɔɖoƒe le hewɔa nusi dzroe ko o. Mawu metrɔa Eƒe dɔwɔwɔ o, Mateŋui aganye Mawu o. Ne Mawu gblɔ nane kpɔ alo wɔa nane la, edze be Wòawɔ numa ke ɣesiaɣi.\nMawu dɔa nyagblɔɖila aɖe ɖa kokoko be wòakplɔ Eƒe dukɔ. Edɔ Eƒe dɔla kple nyagblɔɖila adrelia ɖa; Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilã me, be yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do go aɖakplɔe. Nyaƒokawo nye Mawu Ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ la. MÍAƑE TƆƉOƑE LAE MA.\nEyi ɖe dzigbe le afima. Enyae. Ke melɔ̃a ema, alesi wòhevae. Eƒe tɔɖoƒe la su eyama si, eƒe atiziɔti la.\nMawu le Eƒe Ŋugbetɔ yɔm ɖe du. Matrɔ Eƒe ɖoɖo la o. Madɔ amehatsotso aɖeke be wòaƒo Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu o. Eƒe Ŋugbetɔ la awɔ ɖeka le Nya dzadze la, si nye Mawu Ƒe Gbe le Nyaƒokawo dzi ŋu. Enye Mawu ƒe subɔsubɔdɔ vavã na egbea.\nMɔnu nyuie aɖeke mele wu be míadze Ƒe Yeyea gɔme esime míava ɖe du aɖase míaƒe atiziɔti la, míaƒe Tɔɖoƒe la, wòaƒo nu na mí o. Medi be makpe amesiame be wòava se nu kpli mí Kɔsiɖagbe ŋdi ga 10 me, Jeffersonville ƒe game, aɖase Gbedeasi: Tɔɖoƒe 62-1230M.\nNe miate ŋu atu mí o la, mele dzidem ƒo na mi be miatia Gbedeasi aɖe aɖaƒo le miaƒe aƒewo me, alo mide dziƒo na miaƒe kplɔla be netia Gbedeasi aɖe alebe miawo hã mianɔ anyi ɖe du, le amisisi gãtɔ kekeake si li la te, aɖase Ŋugbetɔ la ƒe Tɔɖoƒe si dzi woɖo kpe la.\nNɔvi. Joseph Branham","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/22-0102-t%C9%94%C9%96o%C6%92e\/","date":"2022-12-07T22:44:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446711221.94\/warc\/CC-MAIN-20221207221727-20221208011727-00210.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983326793,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998332679271698}","num_words":591,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wòezɔ loo! Afisia enye Lavukaleve Wiksinari la, si nye afisi woɖe nyawo geɖe me le ɖe gbe bubuwo me.\nNe ese Lavukaleve alo enye Lavukaleve dola la, míave nuwo be na na kpekpeɖeŋu le nyawo gɔmeɖeɖe ɖe gbe bubuwo me le afisia.\nAxa yeye gɔmedzedzeEdit\nNe wòadi be yeadze nuŋɔŋlɔ gɔme la, ŋlɔ tanya ɖe go sia me le \"Wt\/lvk\/\" yome eye na mia kpea dzi.\n|Mɔtabiala|","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/incubator.m.wikimedia.org\/wiki\/Wt\/lvk\/Axa_do_%C5%8Ag%C9%94","date":"2023-02-04T13:30:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500126.0\/warc\/CC-MAIN-20230204110651-20230204140651-00426.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995701909,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995701909065247}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.109,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.328,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo Ŋu Nyawo\nÈkpɔa mí le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Ðewohĩ èxlẽ nu tso mía ŋu le nyadzɔdzɔwo me, alo èse mía ŋu nya le ame bubuwo gbɔ. Gake aleke gbegbee nènya Yehowa Ðasefowo?\nKpɔ esia hã: Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?\nMíaƒe Dzixɔsewo Kple Dɔwɔnawo\nNya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu\nKpɔ nya siwo amewo lɔ̃a biabia ƒe ŋuɖoɖo kpuiwo.\nYehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo\nXlẽ nu tso ale si Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie nana Mawu ƒe Nya, Biblia, fiaa mɔ woƒe tamebubu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu.\nYehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwɔnawo\nMíele dukɔ siwo wu 230 me eye míaƒe dekɔnuwo kple gbegbɔgblɔwo to vovo. Ðewohĩ ènya nu tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie, gake míekpena ɖe nuto siwo me míele la me tɔwo ŋu le mɔ vevi bubuwo hã nu.\nYehowa Ðasefowo Le Xexea Me Godoo\nXlẽ nu tso míaƒe habɔbɔ si me tɔwo le xexea me godoo la ŋu.\nBiblia Sɔsrɔ̃ Femaxee Ƒe Ɖoɖo\nNu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nAleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nBia Be Ame Aɖe Nava Srã Ye Kpɔ\nDzro Biblia me biabia aɖe me, alo srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu.\nKpekpewo Kple Wɔna Tɔxɛwo\nNu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?\nWò ŋutɔ va kpɔ nu siwo yia edzi le wo me ɖa.\nDe Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo\nXlẽ nu tso afi siwo míekpena le kple ale si míesubɔnae la ŋu. Ame sia ame ate ŋu ade kpekpeawo faa, eye womedzɔa ga le vavalawo si o.\nYesu Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi\nYehowa Ðasefowo le wò kpem be nàva wɔ ɖeka kpli yewo le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia me le March 24, 2024 lia dzi.\nAlɔdzedɔwɔƒewo\nDo ka kple Yehowa Ðasefowo\nMíaƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me ƒe adrɛs kple bubuawo.\nAlɔdzedɔwɔƒe Kple Tsaɖiɖi Ŋuti Nyatakakawo\nKpɔ alɔdzedɔwɔƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ. Kpɔ tsaɖiɣiwo.\nAfi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔa Ga Le Tsɔ Kpɔa Woƒe Dɔa Dzi?\nMenye mɔnu siwo dzi tsɔtsi geɖe tona kpɔa ga la dzie míawo hã míetona o.\nAme Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?\nYehowa Ðasefowo le xexea me godoo, eye wotso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple to sia to me. Nu kae na ameƒomevi vovovo siawo va wɔ ɖeka?\nNu Ðedzesiwo—Xexea Me Godoo\n-\nDukɔ siwo me Yehowa Ðasefowo le subɔsubɔm le: 239\n-\nYehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme: 8,699,048\n-\nWowɔ aƒe me Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple ame: 5,666,996\n-\nAme siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me: 19,721,672\n-\nHamewo: 117,960","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2023-05-28T12:50:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224643784.62\/warc\/CC-MAIN-20230528114832-20230528144832-00392.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993327856,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993327856063843}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.106,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atrakpui siwo ƒe ʋuƒo etɔ̃ kple nuƒolanɔƒe gbadzawo ƒe akɔntabubu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX\n- atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY\n- ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nE\n- Atrakpui ƒe kekeme\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nZ\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nA\n- Afɔɖeɖe siwo le abɔta ƒe ka si le etame la ƒe xexlẽme\nB\n- Afɔɖeɖe siwo le titinati ƒe ka dzi ƒe xexlẽme\nC\n- afɔɖeɖe ƒe xexlẽme le akplɔ si le ete la dzi\nSP\n- Kpɔ afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe kɔkɔme.\nLe nɔƒe gbãtɔ la, atrakpui si le etame la le dzisasrã evelia ƒe anyigba.\nLe go evelia me la, dzisasrã evelia ƒe anyigbae nye afɔɖeɖe mamlɛtɔ. Woɖea atrakpuiawo ƒe kɔkɔme dzi kpɔtɔna le alesi wòsɔe nu\nÐoɖowɔɖia abu afɔtiawo ƒe kɔkɔme kple kekeme, dzogoe si dzi woadze anyi ɖo kple akplɔ siwo le etame, titina kple ete ƒe didime le eɖokui si.\nBe nàtia atrakpuiawo ƒe nɔnɔme nyuitɔ kekeake la, trɔ atrakpuiawo ƒe xexlẽme.\nÀte ŋu awɔ yevu kple blɔ alo amadede ƒe nɔnɔmetata.\nAtrakpui si wotsɔ trɔa atrakpui la ƒe kekeme sɔ kple atrakpuiawo ƒe kekeme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica6\/","date":"2023-06-09T17:09:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224656788.77\/warc\/CC-MAIN-20230609164851-20230609194851-00694.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999006987,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999006986618042}","num_words":188,"character_repetition_ratio":0.097,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.362,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nHo nenie ahosia ƒe gaku eveawo nye?\nLe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, gbedoxɔmedzɔ si Yudatɔwo xena ƒe sia ƒee nye \"draxma eve,\" si anɔ abe ɣemaɣi ƒe ŋkeke eve ƒe dɔwɔfetu ene. (Mateo 17:24) Gake Yesu gblɔ be wodzraa atsutsrɔe eve \"xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue,\" si nyea miniti 45 ƒe dɔwɔfetu. Wotsɔa ga home sia ƒe teƒe eve, alo miniti 90 ƒe dɔwɔfetu ƒlea atsutsrɔe atɔ̃ gɔ̃ hã.—Mateo 10:29; Luka 12:6.\nGaku si Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe wòdzɔ le gbedoxɔa me la gale sue kura wu gaku ma. Gaku, alo lepta, si nye akɔbligaku suetɔ kekeake si nɔ Israel ɣemaɣi, evee ahosia dzɔ. Woƒe home mede miniti 12 pɛ ƒe dɔwɔfetu gɔ̃ hã o, ne míebui ɖe ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔfetu si woxena ɖe gaƒoƒo 12 ƒe dɔwɔwɔ ta la nu.\nYesu Kristo de asixɔxɔ nu si ahosia dzɔ ŋu wu ame bubuawo katã ƒe nu \"agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe\" si wodzɔ la. Nu ka tae? Nuŋlɔɖia gblɔ be \"gaku sue eve\" koe nɔ esi, eya ta ate ŋu adzɔ ɖeka eye ɖeka nasusɔ nɛ hafi. Ke hã, edzɔ 'nu siwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la.'—Marko 12:41-44, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me; Luka 21:2-4.\nƔekaɣie wote ŋkɔ si nye Paulo yɔyɔ na Saul?\nWodzi apostolo Paulo Hebritɔe ɖe Romatɔwo ƒe dumevinyenye me. (Dɔwɔwɔwo 22:27, 28; Filipitɔwo 3:5) Eya ta ate ŋu anɔ eme be tso eƒe ɖevime kee wotsɔ Hebri ŋkɔ Saul kple Roma ŋkɔ Paulo la siaa nɛ. Eye anɔ eme be Roma kple Hela ŋkɔwo nɔ Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo hã si. (Romatɔwo 16:7, 21) Gakpe ɖe eŋu la, enye nu si bɔ be ŋkɔ eve nɔa Yudatɔwo si ɣemaɣi, vevietɔ wo dometɔ siwo nɔ duta.—Dɔwɔwɔwo 12:12; 13:1.\nLe apostolo sia ƒe Kristotɔzuzu hena ƒe ewo kple edzivɔwo la, edze abe eƒe Hebri ŋkɔ, Saul la koŋ wonya nɛ ene. (Dɔwɔwɔwo 13:1, 2) Gake le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me le ƒe 47\/48 M.Ŋ. me la, ɖewohĩ anya di be woanɔ Roma ŋkɔ Paulo la boŋ yɔm na ye. Wode dɔ asi nɛ be wòaɖe gbeƒã nya nyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye ɖewohĩ anya se le eɖokui me be ameawo axɔ ye nyuie wu ne Roma ŋkɔ le ye si. (Dɔwɔwɔwo 9:15; 13:9; Galatiatɔwo 2:7, 8) Ðewohĩ susu bubu si tae wòanya nɔ ŋkɔ Paulo la zãmee nye be Hebri ŋkɔ Saul yɔyɔ ƒe ɖiɖi sɔ kple Helagbemenya aɖe, si ƒe gɔmesese medze to kura o, tɔ. Eɖanye susu ka ke tae Paulo trɔ eƒe ŋkɔ o, esia ɖee fia be elɔ̃ faa be \"[yeazu] nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, bene [yeaɖe] wo dometɔ aɖewo godoo.\"—1 Korintotɔwo 9:22.\n[Nɔnɔmetata si le axa 12]\nLepta La Ƒe Lolome Ŋutɔŋutɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080301\/%C3%88nyaa\/","date":"2023-09-23T01:08:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506429.78\/warc\/CC-MAIN-20230922234442-20230923024442-00631.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.992287755,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9922877550125122}","num_words":434,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.277,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya La—Alesi Wòdze Egɔmee\nSTRATTON, OHIO, U.S.A., nye nuto sue aɖe si te ɖe Ohio-tɔsisia ŋu, si tso Ohio kple West Virginia dome. Wobunɛ abe kɔƒe ene eye woɖo dudzikpɔla ɖe enu. Kasiaa, nuto sue sia, si me nɔlawo mede 300 o la, va zu teƒe si ŋu nya ku ɖo le ƒe 1999 me, esime dumemegãwo di be yewoazi Yehowa Ðasefowo dzi le nanewo me siwo dometɔ aɖee nye be woaxɔ mɔɖegbalẽ hafi woatsɔ woƒe Biblia me gbedasia ayi na amewo le woƒe aƒewo me.\nNukata nya sia nye ŋkubiãnya ɖo? Esi nèle míaƒe nyatakaka sia xlẽm la, àva kpɔe be dukplɔse sia tɔgbe aɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe dzi akpɔtɔ ŋutɔ, eye menye na Yehowa Ðasefowo ko o, ke boŋ na United States tɔwo katã.\nAlesi Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee\nSubɔla siwo le Wellsville Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le nuto ma me, siwo ŋu dumegã ʋɛ aɖewo he nya ɖo ku ɖe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa ŋu tso ƒe 1979 me la, de amewo gbɔ le Stratton ƒe geɖe. Le ƒe 1990-awo me la, kpovitɔ aɖe si le afima nya Ðasefo aɖewo ɖe enu le dua me, hegblɔ be: \"Miaƒe nyawo mekam kura o.\"\nNya la va do gã ɖe edzi le ƒe 1998 me esime Stratton dudzikpɔla ŋutɔ he nya ɖe Yehowa Ðasefowo dometɔ ene aɖewo ŋu. Wonɔ dodom le kɔƒea me kple ʋu le tɔtrɔyi si wowɔ va ƒo nu na afima nɔla siwo doa vivi ɖe Biblia me nyatiwo me dzodzro ŋu vɔ megbe teti. Le nyɔnu siwo wòhe nya kplii dometɔ ɖeka ƒe numeɖeɖe nu la, dudzikpɔla la gblɔ na wo be ne ŋutsuwoe wonye la anye ne yeade wo mɔ.\nNusi gbɔ nyaʋiʋli yeyea tso enye kɔƒea ƒe sedede si \"Xea Mɔ Ðe Tso Aƒeme Yi Aƒeme Sitsatsa Ðiamenuwo Kple Amewo ƒe Aƒewo me Yiyi Kple Kokoƒoƒo Nu,\" si bia be amesiame si di be yeawɔ dɔ aɖe si ana wòatso le ʋɔtru nu ayi ʋɔtru nu la naxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla la gbɔ femaxee hafi. Yehowa Ðasefowo bu sedede sia be enye mɔxexe ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, kple agbalẽtata ƒe ablɔɖe nu. Eyatawotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe gã esime kɔƒea me tɔwo gbe asitɔtrɔ le sededea ŋu.\nLe July 27, 1999 dzi la, wonɔ anyi ɖe nyadɔdrɔ̃ ŋu le United States nutome gã ƒe ʋɔnudrɔ̃la si le Ohio ƒe Anyiehe Nutome dzi kpɔm la ƒe ŋkume. Eda asi ɖe mɔɖegbalẽxɔxɔ dzi be esɔ le se nu abe alesi kɔƒea de se ene. Emegbe le February 20, 2001, dzi la, United States Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe si le Nuto Adelia me hã da asi ɖe nutoa me sea dzi ake be esɔ.\nBe woakpɔ nyaa gbɔ la, Watchtower Bible and Tract Society of New York kple Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le Wellsville bia be United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ nagbugbɔ ŋku alé ɖe nyaa ŋu.\n[Anyigbatata\/Nɔnɔmetata si le axa 3]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nLos Angeles\nNew York\nOHIO\nStratton","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030108\/Nya-La-Alesi-W%C3%B2dze-Eg%C9%94mee\/","date":"2023-10-02T01:33:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510942.97\/warc\/CC-MAIN-20231002001302-20231002031302-00085.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996293783,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996293783187866}","num_words":479,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya Siwo Amewo Lɔ̃a Biabia\nNu ka tae ame aɖewo gblẽa Yehowa Ðasefowo ŋu?\nNya la koe nye be, ame geɖe menya ame siwo tututu wonye o. Nya nyui gbɔgblɔ dɔ si Ðasefowo wɔna hã medzɔa dzi na ame aɖewo o. Gake nya lae nye be, esi Ðasefowo lɔ̃ wo haviwo tae woɖea gbeƒã ɖo, elabena wonyae be \"ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.\"—Romatɔwo 10:13.\nProtestanttɔwoe Yehowa Ðasefowo nyea, blemakɔnuwo mee wodina be yewoalé ɖe asia, alo kɔmama aɖee wonye?\nKristotɔwoe Yehowa Ðasefowo nye, gake womenye Protestanttɔwo o, abe ale si ko womenye Katolikotɔwo o ene, elabena wokpɔe dze sii be subɔsubɔha mawo ƒe nufiafia aɖewo mesɔ kple nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia mefia nu be Mawu wɔa fu amewo le dzomavɔ aɖeke me o, elabena eyae nye ame si lɔ̃a ame wu. Eye mefia nu hã be luʋɔ le amegbetɔ me, si mekuna o, alo be ele be Kristotɔwo nahe dunya o.—Xezekiel 18:4; Yohanes 15:19; 17:14; Romatɔwo 6:23. *\nNumekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be: \"Ame siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi la sɔ gbɔ ɖe Protestanttɔwo dome le Amerika.\" Habɔbɔ siwo me tɔwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi la \"sea Biblia me nyawo gɔme abe ale si ko woŋlɔ wo ɖii ene, si na woɖo woawo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo anyi le hadomenuwɔnawo kple dunyahenyawo ŋu.\" Nuwɔna ma mesɔ kple Yehowa Ðasefowo tɔ o. Abe ale si míegblɔe ene la, Yehowa Ðasefowo mehea dunya o, eye wometoa dunyahehe alo mɔ bubu aɖeke dzi zia woƒe susu ɖe ame dzi o. Ke boŋ zi geɖe la, woɖoa dze kple amewo ɖekaɖeka, ɖea susu kpli wo hedzroa nu me kpli wo be woawo ŋutɔwo nakpɔ kpeɖodzi le wo ŋu, abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 19:8.\nNu si woyɔna be kɔmamae nye ƒuƒoƒo si woɖo ɖe subɔsubɔha aɖe me, alo ƒuƒoƒo si ɖe eɖokui ɖa le subɔsubɔha si me wonɔ tsã ŋu heva ɖo subɔsubɔha bubu. Yehowa Ðasefowo ƒe ha medzɔ tso subɔsubɔha aɖeke me o. Eya ta menye kɔmamae wonye o.\nAleke Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewoe?\nBiblia koŋue wosrɔ̃na le woƒe kpekpewo, eye zi geɖe la, woɖea mɔ na nyaselawo woƒoa nu. Ame sia ame ate ŋu ade woƒe kpekpeawo faa. Kpekpe siwo wowɔna le kwasiɖaa me la dometɔ ɖekae nye esi woyɔna be Teokrasi Subɔsubɔ Suku, eye ekpena ɖe hamea me tɔwo ŋu be woabi ɖe nufiafia, nuxexlẽ kple numekuku me. Wowɔa kpekpe bubu hã, si xɔa miniti 30, eye wònyea Biblia me nuƒo ku ɖe nyati aɖe 2 Korintotɔwo 8:12.si ado dzidzɔ na ame siwo menye Ðasefowo o ŋu. Zi geɖe la, wosrɔ̃a Gbetakpɔxɔ si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi le kpekpe sia megbe. Wodzea woƒe kpekpeawo gɔme kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa, eye womedzɔa ga alo tsɔa agba tsanɛ be woadzɔ nu ade eme o.—\nAfi kae Yehowa Ðasefowo kpɔa ga tsona wɔa woƒe dɔwo?\nLɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe nana wokpɔa ga si hiã. Yehowa Ðasefowo mexɔa ga ɖe amewo nyɔnyrɔ, srɔ̃ɖeɖe, kunuwɔwɔ alo subɔsubɔwɔna bubu aɖeke ta o. Eye womedzɔa nuwo ƒe ewolia hã o. Ame siwo di be yewoadzɔ nu la ate ŋu atsɔe ade nudzɔɖaka siwo nɔa woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me la me. Yehowa Ðasefowo ŋutɔe taa Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wozãna, si wɔe be woɖea gazazã dzi kpɔtɔna, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo koŋue tua woƒe Fiaɖuƒe Akpata kple alɔdzedɔwɔƒe, siwo womedoa atsyã na fũu akpa o la.\nÐe Yehowa Ðasefowo yia kɔ dzi ne wodze dɔa?\nƐ̃, woyia kɔ dzi. Dɔdamɔnu nyuitɔ hãe wodina na woa ŋutɔwo kple woƒe ame veviwo. Azɔ hã, Ðasefo geɖe nye dɔnɔdzikpɔlawo, atikewɔlawo, ɖɔktawo kple amekolawo. Gake Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o. Biblia gblɔ be: 'Mitsri ʋu.' (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Mènya o ɖe, ɖɔkta geɖe va le lɔlɔ̃m ɖe edzi fifia be, atikewɔwɔ na ame ʋumazamazãe la \"nyo wu,\" elabena ewɔnɛ be woƒoa asa na dɔ bubu geɖe siwo ʋudodo hena vanɛ na dɔnɔwo. g10-E 08\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Àte ŋu axlẽ nu si tututu Biblia gblɔ le nya siawo kple nya vevi bubu geɖewo ŋu la le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 25]\nWomezia Ame Aɖeke Dzi O\nBejucal de Ocampo du si le Mexico ƒe anyiehe la mele abe du bubuwo ene o. Nu ka tae? Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Excélsior) ɖe eme be: \"Yehowa Ðasefowoe sɔ gbɔ ɖe du ma me wu. Egblɔ kpee be: \"Esia wɔe be woɖe mɔ na ame sia ame be wòatia ha si me wòanɔ, eye dziɖuɖua hã mezia ame dzi o. . . . Dua me nɔlawo tsɔ hadzidzi kple Biblia xexlẽ ɖɔ li aha tsu nono kple sigarɛtnono si nye dɔ na wo tsã. Wodea bubu ŋusẽtɔwo ŋu hã.\"\nNyatakakaa gblɔ be, togbɔ be subɔsubɔha vovovowoe le dua me hã la, \"subɔsubɔhawo dome dzre alo nyaʋiʋli aɖeke medo mo ɖa kpɔ o.\" Egblɔ hã be: \"Fuléle aɖeke mele du ma me o, eye aƒelikawo megbea gbedodo na wo nɔewo le esi wole ha bubu me ta o . . . Ƒome ɖe sia ɖe dea eƒe subɔsubɔha dzi, gake esia megblẽ ŋutifafa si le wo dome la me o. Menye nu wɔmoyaa na ame aɖeke be Yehowa Ðasefowoe sɔ gbɔ le Bejucal wu o.\" Azɔ hã, sekɛndrisuku (lycée) nufiala aɖe si menye Ðasefo o le du ma me la gblɔ be wo viwo 'dzrana ɖo nyuie, wɔa dɔ nyuie le suku, eye wonɔa agbe nyui hã.'","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201010\/Nya-Siwo-Amewo-L%C9%94%CC%83a-Biabia\/","date":"2023-12-05T18:37:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100555.27\/warc\/CC-MAIN-20231205172745-20231205202745-00384.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989040494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989040493965149}","num_words":879,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋkeke si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui\nENYE ŋkeke si trɔ amegbetɔƒomea ƒe etsɔme keŋkeŋ hena eƒe nyonyo mavɔ. Ŋkeke bubu aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe etsɔme dzi alea gbegbe le ŋutinya me o. Enye ŋkeke si dzi Yesu wu nusiwo katã wòva wɔ le anyigba dzi la nu. Esi wohee ɖe fuwɔameti ŋuti la, egbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛa hedo ɣli be: \"Wowu nu vɔ!\" (Yohanes 19:30) Nukatae Yesu va ɖo?\nBiblia gblɔ be: \"Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.\" (Mateo 20:28) Yesu tsɔ eƒe luʋɔ, alo agbe, na be woate ŋu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome wonyi la me. Ẽ, 'Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe bena, wòtsɔ eƒe Tenuvi na, bena amesiame si xɔa edzi sena la, nagatsrɔ̃ o ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.' (Yohanes 3:16) Nunana xɔasi ka gbegbee nye si Yesu ƒe vɔsaa nye!\nŊkeke si dzi Yesu ku la nye ŋkeke si dzi wòle be woaɖo ŋkui le susu bubu hã ta. Gbemagbe la, Mawu ƒe Vi la fia nu vevi aɖewo eƒe apostolowo siwo akpe ɖe wo ŋu woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Aleke gbegbee eƒe nya mamlɛawo anya wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃la mawo ƒe dzi dzii enye si! Nukawoe wòfia? Alekee míate ŋu akpɔ viɖe tso nusi Yesu fia wo me? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030315\/%C5%8Akeke-si-Dzi-W%C3%B2le-Be-Woa%C9%96o-%C5%8Akui\/","date":"2023-12-08T15:06:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100762.64\/warc\/CC-MAIN-20231208144732-20231208174732-00538.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984894395,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984894394874573}","num_words":236,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Wòanya Wɔ Be Xexea Nawɔ Ðeka?\nÐE MÍAƑE xexea ɖo ta ŋutifafa me loo, alo afɔku mee wòɖo tae? Edze abe kpeɖodzi le evea siaa ŋu ene.\nLe go ɖeka me la, xexea me ƒe kplɔlawo gblɔna kakaɖedzitɔe be anya wɔ be ŋutifafa nava nɔ xexea me—ɖewohĩ le esi nu siwo ate ŋu adzɔ ne ŋutifafa meli o adzi ŋɔ akpa ta. Le go bubu me la, vɔvɔ̃ ɖoa amewo ne wobu biabia aɖewo, abe esiwo gbɔna ene, ŋu: Dukɔ kawo sie aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo zi ɖeka le? Ðe woava zã wo gbe ɖeka? Nu kae adzɔ ne wozã wo?\nŊutinya ɖee fia be hoʋiʋli kple nazãbubu nye nu siwo koŋ xea mɔ na xexea me ƒe ɖekawɔwɔ tso gbe aɖe gbe ke, eye zi geɖe la, ɖe subɔsubɔhawo ƒlɔa dzo ɖe amewo dome masɔmasɔwo te tsɔ wu be woatsi wo nu. Nyadzɔdzɔŋlɔla James A. Haught ŋlɔ bena: \"Nu sia nu si dea mama amewo dome la ate ŋu ahe fuléle vae, eye subɔsubɔhawo nye nu siwo dea mama amewo dome wu la dometɔ ɖeka. Togbɔ be woxɔe se le xexea me katã be subɔsubɔhawo naa amewo zua ame 'ɖɔʋuwo' hã la, eva dze kɔte be wonaa ame aɖewo wɔa hlɔ̃donuwo.\" Nukpɔsusu ma tɔgbie le agbalẽŋlɔla Steven Weinberg hã si. Eŋlɔ bena: \"Subɔsubɔhawo koŋue naa ame siwo awɔ nu nyui hafi la wɔa nu vɔ̃ɖi.\"\nÐe mɔkpɔkpɔ li be míaƒe xexea ava wɔ ɖeka gbe aɖe gbea? Ɛ̃! Gake abe ale si míava kpɔe ene la, menye amegbetɔwo loo, alo subɔsubɔha siwo amegbetɔwo ɖo la gbɔe wòatso o.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]\nÐe xexea le abe bɔmb si awo le aɖebaƒoƒo ʋɛ aɖewo me enea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071201\/%C3%90e-W%C3%B2anya-W%C9%94-Be-Xexea-Naw%C9%94-%C3%90eka\/","date":"2023-11-30T07:15:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100172.28\/warc\/CC-MAIN-20231130062948-20231130092948-00546.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962326288,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962326288223267}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Matatu—Kenya-ʋu si Le Amadedewo Me\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ\nNYAÐƆNYA mevɔna le tsaɖila si gbeɖe ne ele eƒe mɔzɔzɔ yi Kenya ŋu nya gblɔm o. Atiglinyinɔ, dzatatsu, kple ɣe ƒe amigogbagba katã nyea nɔnɔme dodzidzɔname si tsia susu me na tsaɖila la. Nu dzeani siwo le afisia la sɔ gbɔ hele vovovo. Gake nulédziname ƒomevi aɖe hã le mɔ gbogbo siwo le nuto ma me la dzi—eyae nye matatu, si toa teƒe geɖewo bɔbɔe. Ŋkɔ sia fia ʋu siwo ame hahoowo ɖona ƒe ƒuƒoƒo. Nɔnɔme dodzidzɔname siwo le wo ŋu na wozu ʋu siwo woɖona wu le Kenya.\nAfisi matatu dzɔ tso la wɔ nuku abe eƒe dɔwɔnawo ke ene. Eƒomevi gbãtɔe nye Ford Thames-ʋu gbagbã aɖe, si nye aʋawɔʋu si Britain-srafowo zã le Ethiopia le Xexemeʋa II me ƒe susɔea. Le ƒe 1960-awo me la, Nairobitɔ aɖe tsɔ ʋu gbagbã sia kɔ exɔlɔ̃ aɖewo yi dugã la me hebia tso wo dometɔ ɖesiaɖe si be wòadzɔ ga sue si nye cent 30 ɖe ʋumemi ta. * Eteƒe medidi o, ame bubuwo vakpɔ ga si woate ŋu akpɔ tso ʋu xoxo siawo me la dze sii. Eyata wova trɔ wo dometɔ geɖe wòzu ame 21 kɔ ʋu, siwo me wode bentsi legbee etɔ̃ siwo nye zikpuiwo. Ʋu sia ƒe nɔnɔme ɖi blema bolekajas si wozã le Nigeria kpɔ. Ame ɖesiaɖe xea blema cent 10 ƒe gaku etɔ̃ le mɔzɔzɔ ɖesiaɖe me. Esia anye nusi ta wotsɔ ŋkɔ na ʋu siawo be matatu—si woɖe tso Swahili nya tatu, si gɔmee nye \"etɔ̃\" me. Tso ɣemaɣi la, wova trɔ matatu sia ƒe nɔnɔme keŋkeŋ, ale be bebli hafi nàkpɔ gbagbãtɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ la ƒe nɔnɔmewo le egbegbetɔwo ŋu. Nyateƒee, matatu si li egbea nye ʋu si nyakpɔ ŋutɔ si Kenya nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ɖɔ be \"aʋawɔʋu lɔbɔe siwo ŋu anyieʋɔ ƒe amadedewo le.\" Esia menye 1960-awo me blemamɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe madeŋgɔ tɔ wɔwɔ o!\nMatatu ɖoɖo ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname vevietɔ ne ʋua kula le ekum to ʋuwo dome le afisi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo le dugãa me! Mina míaɖo matatu atsɔ azɔ mɔ kpui aɖe le Nairobi ne nàɖɔ alesi wòle la kpɔ.\nVividodo Ðe Nu Ŋu si Hea Ame\nMíaƒe mɔzɔzɔa adze egɔme tso ʋuɖoƒe aɖe si me ʋu gbogbo siwo le lalam be yewoakakaaɖo ta teƒe vovovo la tɔ ɖo. Eƒo ŋdɔ ga ɖeka eye dɔwɔnawo wɔe be modzeanyi meli kura o, eye amewo le matatu si atsɔ wo ayi wo nɔƒe la dim. Mɔzɔlawo dometɔ aɖewo yina didiƒe si nye mɔzɔzɔ si axɔ gaƒoƒo geɖe. Bubuwo yina afisi didi agbadroƒe ʋɛ aɖewo ko tso dugã la gbɔ, ɖewohĩ be woaɖa di nane aɖu kaba. Àkpɔ matatu sia aɖo ayi afisiafi.\nÈkpɔe be amadede siwo me kɔ vovovowoe le ʋu siawo dometɔ akpa gãtɔ ŋua? Menye ɖeko wosi aŋɔ siawo nawo be woanya kpɔ dzro ko o. Mɔzɔla aɖewo li siwo dina be yewoaɖo matatu si nyakpɔ wu ɖesiaɖe. Ne èlé ŋku ɖe ʋuawo ŋu nyuie la, àkpɔ be woŋlɔ ŋkɔ geɖewo hã ɖe wo ŋu. Nuŋɔŋlɔ siawo dometɔ aɖewo ɖɔ egbegbe nudzɔdzɔwo veviwo—le kpɔɖeŋu me, \"El Nino,\" \"Ƒe Akpe Yeye,\" \"Kɔmpiuta Nyatakakadiƒe,\" \"Internet,\" kple \"Dot Com.\" Bubu siwo nye \"Fafa\" kple \"Mawunyadɔgbedela\" fia amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo alo nusiwo gbɔ wote ŋu ɖo. Ʋu si ƒe dzedzeme de matatu si daa dzo mlamlamla la tɔ nu de gee nye Philippines tɔwo ƒe ʋu sue aɖe. Dzidzɔtɔe la, ʋu sue sia hã nye ʋu siwo ŋudɔ wowɔ le Xexemeʋa II me.\nAlesi wonɔa kuku ɖemee na mɔzɔlawo gɔ̃ hã nyea nukpɔkpɔ. Togbɔ be woŋlɔ afisi yim ʋuawo le ɖe woƒe ahuhɔ̃ewo dzi wòdze nyuie hã, ʋukula la ƒe kpeɖeŋutɔwo nɔa ɣli dom sesĩe eye ʋukulawo nɔa ʋuawo ƒe kpẽ siwo nyasena la kum. Ne èkpɔ matatu siwo ŋu woŋlɔ \"Yerusalem\" alo \"Yerixo\" ɖo la, megawɔ nuku na wò o. Ne èɖo wo dometɔ aɖe la, matsɔ wò ayi Titina Ɣedzeƒe o, ke boŋ golɔgoe siwo le Nairobi ƒe ɣedzeƒekpa dzi siwo wotsɔ Biblia me ŋkɔwo na lae. Esi wonye ʋukula ƒe kpeɖeŋutɔawo di be mɔzɔlawo naɖo matatu ɖesiaɖe ta la, mewɔ nuku o be esesẽna na ame geɖe be woatia esi woaɖo!\nWòe zɔ va Strawberry me! Ðewohĩ ʋu sia ɖoɖo avivi nuwò abe atikutsetse si woyɔna nenema ene. Edze abe ame geɖe lɔ̃a matatu sia ɖoɖo ŋutɔ, esi mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi yɔna o ta. Ha siwo le ɖiɖim blewuu tso gbeɖiɖimɔ̃ sue siwo wotsi ɖe ʋua me la nɔa dzi fam na mɔzɔlawo. Ke hã megabui be alea wòle le matatu ɖesiaɖe gome o. Wode dzesi ɖewo be wonye esiwo me wode gbeɖiɖimɔ̃ gãwo eƒe zikpuiwo te, siwo me hawo ɖina tsona sesĩe. Aɖabaƒoƒo ewo kple edzivɔ enye esia si zikpuiawo katã dzi yɔ. Ke hã matatu simíeɖo la gbe hoho. Nuka lalam míele? Mɔzɔla siwo anɔ tsitre ɖe mɔ siwo le zikpuiawo dome la mekpɔ va haɖe o. Eteƒe medidi o, afɔɖoƒe kura gɔ̃ hã megava nɔ mɔ siawo dzi o. Le nyateƒe me, anɔ eme be matatu la atɔ ɖe teƒe vovovowo be yeakɔ mɔzɔla geɖewo le mɔa dzi.\nMlɔeba la, míedze mɔ. Amesiwo menya wo nɔewo le afi aɖeke o le gome kpɔm le dzeɖoɖo dodzidzɔname siwo ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ŋkekea ƒe dɔwɔnawo ŋu me. Ðeko wòle abe asime ene. Gake kpɔ nyuie le gomekpɔkpɔ fũ le dzeɖoɖoawo me ŋu. Ame aɖewo gbɔ afisi woaɖi ɖo ŋu kpɔ le esi woƒo wo ɖokui ɖe numedzodzro mawo tɔgbe me ta.\nMíegblɔ va yi be matatu nye ʋu si toa teƒe geɖewo. Menye mɔ ɖeka aɖe dzi koe wòzɔna o. Be ʋukula la nawɔ ɖe game si wòɖo na eɖokui dzi la, ekua ʋua toa mɔa ƒe akpa sia akpa si ʋua ate ŋu ato tsɔ kpe ɖe afɔzɔlawo toƒe hã ŋu—ɣeaɖewoɣi la, nu vi aɖe koe susɔna be wòalɔ mɔzɔla aɖewo. Le ɣemaɣi me la, gaxɔla ƒe dɔ menɔa bɔbɔe o. Enɔa agbagba dzem be yeaxɔ ga le mɔzɔla siwo le toɣli ɖem eye wo dometɔ aɖewo mewɔa nu le ŋutifafa me o la si. Ke hã melɔ̃na dea nu amesiwo le nya suesuewo ʋlim kplii la me o. Ele be ʋuɖola la naxe ʋudzɔa loo, alo matatu la natɔ enumake eye woagblɔ nɛ—ɣeaɖewoɣi ameŋumabumabutɔe—be wòaɖi! Ne ame aɖewo aɖi la, gaxɔla la naa nyanya ʋukula la eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòganɔa ŋku tsam na ame bubu siwo adi be yewoaɖoe. Elia akui, ƒoa ʋua tame, alo ƒoa ga si wotsi ɖe ʋɔtrua xa tsɔ naa nyanya ʋukula la. Togbɔ be ʋuɖoƒewo le dukɔa ƒe hahooʋuwo si le mɔa dzi hã la, matatu te ŋu tɔna ɖe afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me be wòakɔ mɔzɔlawo alo be wòaɖi wo.\nEsi míedo le dugã la me vɔ la, fifia míeɖo golɔgoe sue aɖe me, afisi mɔzɔla akpa gãtɔ le ɖiɖim le. Ɣeyiɣi gade na matatu be wòagagbugbɔ ayi ʋutɔɖoƒe si wòdze mɔ tso. Atsɔ ame geɖe le mɔa dzi. Amesiawo hã akpɔ nusiwo tututu teƒe míekpɔ la teƒe. Ðikeke mele eme o be, togbɔ be ʋua nɔ kpo tim hã la, míese vivi na Strawberry la me nɔnɔ.\nAnɔ Anyi Ðaa\nLe mama dedie nu la, matatu 30,000 siwo li, si ŋudɔ wowɔna le Kenya la na eƒe nɔnɔme trɔ tso aʋawɔʋu si wònye le ƒe bla nane siwova yi me zu ʋu siwo me wokpɔa ga geɖe tsonae. Gake alesi wòte ŋu yia afisiafi la he kuxi aɖewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, wotso ekula geɖe nu be wogbea ʋukuse siwo kpɔa mɔzɔla bubuwo ƒe agbe ta la dzi wɔwɔ, eye dziɖuɖumegãwo de se geɖewo be woatsɔ axe mɔ ɖe ʋu sia zãlawo ƒe dɔwɔna aɖewo nu. Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔƒe si kpɔa ʋu siawo ƒe dɔwɔnawo dzi wɔa nu ɖe woƒe nuwɔna siawo nu to mɔxexe ɖe woƒe dɔwɔnawo nu dzi, si naa ame akpe nane siwo ɖoa ŋu ɖe matatu sia ŋu gbesiagbe la xaxana vevie. Togbɔ be menye amesiamee alɔ̃ matatu ƒe dɔwɔnawo o hã la, ʋu siawo nyea mɔzɔzɔ mɔnu si tsɔna ŋutɔ na nuto sia me tɔ siwo si ga mele fũ o.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Woma shilling, si nye ga si koŋ Kenyatɔwo ɖuna ɖe Kenya ƒe cent 100 me. United States ƒe dɔlar ɖeka anɔ shilling 78.\n[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]\nFord Thames-ʋu\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nNoor Khamis\/The People Daily","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011108\/Matatu-Kenya-%CA%8Bu-si-Le-Amadedewo-Me\/","date":"2023-12-04T22:41:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100535.26\/warc\/CC-MAIN-20231204214708-20231205004708-00072.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994691014,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994691014289856}","num_words":1363,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mègagblẽ Viwò ƒe Dzi Ði Mamlamamlae O!\nZEMELA bibi ate ŋu atrɔ asi le tsu gbɔlo ŋu wòazu ŋudɔwɔnu dzeani aɖe. Aɖaŋudɔwɔla ʋɛ aɖewoe te ŋu wɔa nu nyui gbogbo aɖewo tsoa nu maɖinuwo me. Ƒe akpe geɖe enye sia la, amegbetɔƒomea zã zemela ƒe kpluwo, agbawo, nuɖazewo, goewo, kple seƒoƒogbawo.\nDzilawo hã kpea asi ɖe ameƒomea ŋu vevie to asitɔtrɔ le wo viwo ƒe nɔnɔme kple amenyenye ŋu me. Biblia tsɔ mía dometɔ ɖesiaɖe sɔ kple anyi, eye Mawu de dɔ vevi, si nye asitɔtrɔ le 'anyi' si nye wo viwo ŋu, la asi na dzilawo. (Hiob 33:6; Mose I, 18:19) Abe alesi wòle le ze dzeani aɖe meme gome ene la, asitɔtrɔ le ɖevi ŋu be wòava zu ame tsitsi si dzi woaka ɖo si da sɔ la mele bɔbɔe o. Tɔtrɔ sia mevana le eɖokui si o.\nŊusẽkpɔɖeamedzinu sẽŋu geɖe le dɔ wɔm ɖe mía viwo ƒe dzi dzi. Nublanuitɔe la, ŋusẽkpɔɖeamedzinu siawo dometɔ aɖewo gblẽa nu. Eyata le esi teƒe be woaɖe asi le ɖevi ƒe dzi ŋu be wòamla eɖokui la, dzila nyanuwo ana hehe ɖevia \"ɖe mɔ, si wòato la ŋu,\" kple kakaɖedzi be \"ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.\"—Lododowo 22:6.\nLe ɣeyiɣi didi ƒe vinyinyi si me nuwo dzɔna le fũ me la, ahiã be dzila Kristotɔ nyanuwo nazã ɣeyiɣi ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzinu gbegblẽ siwo adi be yewoaɖo wo via ƒe dzi me la ɖeɖe ɖa ŋu. Woado woƒe lɔlɔ̃ akpɔ vevie ne wotsɔ dzigbɔɖi le \"nufiame, kple ɖɔɖɔɖo, si wotsɔna hea Kristotɔe la\" nam ɖevia. (Efesotɔwo 6:4, The New English Bible) Le nyateƒe me la, dzilawo ƒe dɔa anɔ bɔbɔe wu ne wodze egɔme kaba.\nEgɔmedzedze Kaba\nZemelawo dina anyi si me ade le si bɔbɔ alesi dze be wòate ŋu atsi nɔnɔme si me woawɔe ɖo me la zazã atsɔ ame nuwoe. Le anyia nyanya megbe la, wodina be yewoazãe le ɣleti ade me. Nenema kee ɣeyiɣi nyuitɔ si dzilawo ateasitɔtrɔ le wo viwo ƒe dzi ŋu enye ɣeyiɣi si me wòsea nu wu eye asitɔtrɔ le eŋu le bɔbɔe wu.\nÐeviwo ŋutinunyalawo gblɔ be kaka ɖevi naxɔ ɣleti enyi la, enya wo degbe ƒe ɖiɖime xoxo, etu ƒomedodo kplikplikpli kple edzilawo ɖo, etu nugɔmesese ŋutetewo ɖo, hete nusiwo yia edzi le egbɔ la nyanya. Ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòle be woate asitɔtrɔ le eƒe dzi ŋu enye esime wògakpɔtɔ nye ɖevi sue. Aleke wòaɖe vii na viwò enye si ne 'enya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo tso ɖevime' abe Timoteo ene!—Timoteo II, 3:15. *\nLe dzɔdzɔmenu la, vidzĩwo srɔ̃a wo dzilawo. Tsɔ kpe ɖe gbeɖiɖiwo, nyagbɔgblɔwo, kple nuwɔnawo sɔsrɔ̃ ŋu la, wosrɔ̃a lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, kple nublanuikpɔkpɔ ne wokpɔ wo dzilawo wole nɔnɔme siawo ɖem fia. Ne míedi be míatsɔ Yehowa ƒe sewo amla mía viwoe la, ele be gbã la, Mawu ƒe sededewo nanɔ míaƒe dzi me. Ŋudzedzekpɔkpɔ sia si tso dzi me la aʋã dzilawo be woaƒo nu tso Yehowa kple eƒe Nya la ŋu na wo viwo edziedzi. Biblia xlɔ̃ nu be, \"[ƒo] nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.\" (Mose V, 6:6, 7) Francisco kple Rosa ɖe alesi wowɔa esia kple wo vi sue eveawoe me ale. *\n\"Tsɔ kpe ɖe gbesiagbe dzeɖoɖowo ŋu la, míedzea agbagba be míaƒo nu na mía viawo ɖekaɖeka miniti 15 ya teti gbesiagbe. Ne míede dzesi kuxi aɖe la, míegazãa ɣeyiɣi geɖe wu—eye míedoa go kuxiwo hã. Le kpɔɖeŋu me, mía viŋutsu si xɔ ƒe atɔ̃ gbɔ tso suku nyitsɔ laa va gblɔ na mí be yemexɔ Yehowa dzi se o. Anye be eƒe sukuxɔmehati aɖee ɖe alɔme le eŋu hegblɔ be Mawu aɖeke meli o.\"\nDzila siawo de dzesii be ehiã be ɖeviwo natu xɔse ɖo ɖe wo Wɔla la me. Woate ŋu atu xɔse sia ƒomevi ɖo ɖe dzidzɔ si woa ŋutɔwo kpɔna ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu dzi. Asi kaka lã aɖe ŋu, seƒoƒowo fɔfɔ le gbe me, alo fefe le ƒutake me dzɔa dzi na ɖeviwo ŋutɔ! Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ƒomedodo si le nuwɔwɔ kple nuawo Wɔla dome. (Psalmo 100:3; 104:24, 25) Vɔvɔ̃ kple bubu deto si woatu ɖo na Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ate ŋu atsi wo si le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (Psalmo 111:2, 10) Tsɔ kpe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ sia ŋu la, ɖevia ate ŋu atu didi be yeadze Mawu ŋu kple vɔvɔ̃ be wòawɔ nusi madze eŋu o ɖo. Esia aʋãe be 'wòatsri vɔ̃.'—Lododowo 16:6.\nTogbɔ be ɖevi akpa gãtɔ dina be yewoanya nusianu eye wosrɔ̃a nu kaba ŋutɔ hã la, womate ŋu anye toɖolawo bɔbɔe o. (Psalmo 51:7) Woadi be yewoanɔ yewo ɖokui si ɣeaɖewoɣi alo adi be nusianu si dzro yewo la nasu yewo si. Ehiã be dzilawo nate afɔ ɖe to, agbɔ dzi ɖi, ahana hehe wo be woatsɔ atsi nɔnɔme siawo nu be woagaƒo ke ɖe to o. (Efesotɔwo 6:4) Aleae wònɔ le Phyllis kple Paul, amesiwo he ɖevi atɔ̃ dzidzedzetɔe la, gome.\nPhyllis gblɔ be: \"Togbɔ be ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe kple eƒe amenyenyee hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe di be yeawɔ nusi dze ye ɖokui ŋu. Esesẽ ŋutɔ, gake wova se míaƒe nya 'ao' si míegblɔna na wo gɔme mlɔeba.\" Srɔ̃a, Paul, gblɔ be: \"Zi geɖe la, ne wotsi ate ŋu ase susu si tae míewɔ nyametsotso aɖe gɔme ko la, míegblɔnɛ na wo. Togbɔ be míedzea agbagba ɣesiaɣibe míaɖe tufafa afia wo hã la, míefia wo be woade bubu ŋusẽ si Mawu na mí la ŋu.\"\nTogbɔ be ɖevi ƒe ƒe gbãtɔwo me nɔɣi ate ŋu ahe kuxiwo vɛ nɛ hã la, dzila geɖewo de dzesii be kuxi sesẽtɔwo vana le ƒewuiwo me esime dzi siwo metsi o la dzea ŋgɔ dodokpɔ yeye geɖewo.\nƑewuivi ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo\nEle be zemela nawɔ eƒe dɔ hafi anyia naƒu. Ne edi be yeada ewɔɣia ɖe ŋgɔ la, ate ŋu awu tsi anyia dzi be tsi nanɔ eme ne wòawɔ ade. Nenema kee wòle be dzilawo nadze agbagba vevie be woade tsi wo vi ƒewuiviwo ƒe dzi be wòagatri o. Le nyateƒe me la, woƒe dɔwɔnu vevitɔ enye Biblia, si woate ŋu atsɔ 'aka mo na wo viwo, aɖɔ wo ɖo, ahadzra wo ɖo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.'—Timoteo II, 3:15-17.\nGake ƒewuivi maxɔ dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖo bɔbɔe abe alesi wòaxɔe esime wòle sue wu ene o. Ƒewuiviwo ate ŋu ava nɔ to lém ɖe wo hatiwo ŋu wu, eyata dzeɖoɖo kple wo dzilawo tso dzi faa me dzi aɖe kpɔtɔ. Esi akpa si dzilawo kple ɖeviawo wɔna trɔ ta la, enyea ɣeyiɣi si me dzigbɔɖi kple aɖaŋudzedze geɖe hiã le. Ele be ƒewuivia natrɔ ɖe eƒe ŋutilã kple seselelãme siwo le tɔtrɔm ŋu. Ele be wòate nyametsotsowo wɔwɔ kpakple taɖodzinu siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me la ɖoɖo. (Timoteo II, 2:22) Le ɣeyiɣi sesẽ siawo katã me la, ele be wòanɔ te ɖe ŋusẽ aɖe si ate ŋu agblẽ nu le eƒe dzi ŋu la nu—si nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu.\nMenye mɔ ɖeka ko nue nyaƒoɖeamenu sia tona vana o. Ke boŋ edzena le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna vovovo siwo ɖea dzi le ame ƒo me. Esiawo dzena le nusi nye ame geɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒe gome—si nye vɔvɔ̃ vevie be sɔhɛ bubuwo ava gbe yewo. Le esi sɔhɛa madi be ŋu nakpe ye o eye wòadi be amewo nalɔ̃ yeƒe nya gbɔ ta la, ate ŋu ava nɔ lɔlɔ̃m ɖe 'nusiwo le xexeame,' si sɔhɛ bubuwo wɔna la dzi.—Yohanes I, 2:15-17; Romatɔwo 12:2.\nNusi gagblẽa nyaa ɖe edzi enye be dzi madebliboa ƒe dzɔdzɔmedidi ate ŋu ana ehatiawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia nu nagasẽ ɖe edzi nɛ. Gbɔgblɔ nɛ be \"Wɔ nusi ana nàkpɔ dzidzɔ\" kple \"Wɔ nusi dze ŋuwò\" la ate ŋu ava dze eŋu ŋutɔ. María gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ ale: \"Melɔ̃ ɖe hati ƒewuivi siwo xɔe se be gome le sɔhɛwo si be woakpɔ dzidzɔ alesi wodii, metsɔ le emetsonuawo me o, la ƒe nya dzi. Esi medi be mawɔ nusi xɔ̃nye sukuviwo wɔna ta la, medze afɔku gã aɖe kloe.\" Abe dzila ene la, àdi be yeakpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu wòaɖu nyaƒoɖeamenu sia dzi, gake alekee nàte ŋu awɔ esiae?\nGake ele vevie be woate afɔ ɖe to le nu dzɔdzɔe me léle ɖe asi ŋu. Dzila geɖe kpɔe be yewodzea ŋgɔ amesi ƒe lɔlɔ̃nu woawɔ ŋuti masɔmasɔwo ɣeaɖewoɣi, gake yewomate ŋu alɔ̃ ɖe wo tɔ dzi ne kpeɖodzi nyuiwo le yewoƒe nyametsotsoa ŋu o. Ke hã kpɔ egbɔ be yese nɔnɔmea gɔme nyuie hafi anya ne yeana tohehe lɔlɔ̃tɔe kple alesi yeanae ne ehiã.—Lododowo 18:13.\nLe Hamea me Gɔ̃ Hã\nAnyinu aɖe adze abe esi ŋu wowɔ dɔ le vɔ ene, gake ne womemee le kpo me wòbi o la, tsi kple ami nu siwo ŋudɔ woawɔ le eme la kee ate ŋu agblẽe. Esi tetekpɔwo kple kuxiwo ɖea amesi ƒomeviwo míenye tututu fiana ta la, Biblia tsɔe sɔ kple numeme le dzo me. Ele eme baa be míaƒe xɔse ƒe dodokpɔwo ŋuti nya koŋ gblɔm Biblia le ya, gake le gɔmesese gbadzaa nu la, woate ŋu azãe le tetekpɔ bubuwo hã gome. (Yakobo 1:2-4) Nukutɔe la, tetekpɔ sesẽ aɖewo siwo ɖeviwo dzea ŋgɔe la ate ŋu atso hamea me.\nTogbɔ be viwò ƒewuivia adze abe amesi le gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me ene hã la, dzimevesusu anɔ fu ɖem nɛ le ememe. (Fiawo I, 18:21) Le kpɔɖeŋu me, Megan dze ŋgɔ xexeame ƒe nukpɔsusu siwo sɔhɛ bubu siwo vaa Fiaɖuƒe Akpataa me dona ɖa:\n\"Sɔhɛ siwo bua Kristotɔnyenye abe nutiame ene eye be exea mɔ ɖe modzakaɖeɖe nu la va kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye. Nya siwo tɔgbe wogblɔna enye: 'Ne menya xɔ ƒe 18 ko la, mado le nyateƒea me,' alo 'Dodo le eme mele tsɔtsɔm nam o.' Woƒoa asa na ɖevi siwo medea wo dzi o henɔa wo yɔm be ame kɔkɔewo.\"\nAme ɖeka alo eve pɛ siwo si nɔnɔme gbegblẽ le koe aƒoe ɖe ame mamlɛawo nu. Zi geɖe la, ame ɖekaɖeka siwo le ƒuƒoƒo aɖe me la wɔa nusi wɔm ame akpa gãtɔ le. Bometsitsi kple ɖokuiŋudzedze ate ŋu ana woaŋe aɖaba aƒu nunya kple ʋuɖɔɖɔ dzi. Le dukɔ geɖe me la, sɔhɛ Kristotɔ siwo dze afɔku le amehawo yomedzedze ta ƒe ŋutinya wɔnublanuiwo li.\nLe nyateƒe me la, ƒewuiviwo hiã hadede dodzidzɔname vaseɖe afi aɖe. Aleke nàte ŋu ana esia abe dzila ene? Bu woƒe modzakaɖeɖewo Romatɔwo 12:13) De dzi ƒo na viwòa be wòaƒo eɖokui ɖe nuwɔna tuameɖo aɖe, abe haƒonu aɖe ƒoƒo sɔsrɔ̃ alo gbe bubu alo asinudɔ aɖe nyanya nyuie ene me. Zi geɖe la, ate ŋu awɔ esia le aƒeme, afisi le dedie wu.ŋu vevie, eye nàwɔ ɖoɖo ɖe wɔna dodzidzɔname si me ƒomea alo sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa akpɔ gome le ŋu. Dze si viwòa xɔlɔ̃wo. Kpe wo na nuɖuɖu aɖe, alo kpɔ gome kpli wo le wɔnaa aɖe me fiẽ aɖe. (\nSukudede Ate Ŋu Anye Takpɔnu\nƑewuivi ƒe sukudede ate ŋu akpe ɖe eŋu wòalé ŋku ɖe modzakaɖeɖe ŋu. Loli, si le suku gã aɖe dzi kpɔm ƒe 20 enye sia, gblɔ be: \"Ðasefo sɔhɛ gbogbo aɖewo de suku le afisia. Wo dometɔ geɖe dze na kafukafu le woƒe agbenɔnɔ ta, gake vovototo aɖeke menɔ wo dometɔ aɖewo kple sukuvi bubuawo dome o. Ðikekemanɔmee la, wo dometɔ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui lae nyea esiwo léa fɔ ɖe woƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu vevie. Made dzi ƒo na dzilawo vevie be woatsɔ ɖe le wo viwo ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo me, woadze si woƒe nufialawo, ahana wo viwo nanyae be ele vevie be woado vevie nu le suku. Ðewo adze agbagba vevie, gake wo katã ate ŋu aɖo ɖoƒe dzeameŋuwo eye woƒe nufialawo ade bubu wo ŋu.\"\nSukudede alea hã ate ŋu akpe ɖe ƒewuiviwo ŋu woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Ate ŋu ana woasrɔ̃ alesi wosrɔ̃a nu wòdea ame dzii, alesi wobua tamee, kple alesi wodzea ŋgɔ agbanɔamedzii. Ðikeke mele eme o be ŋutete si le wo si be woaxlẽ nu nyuie ahase nyawo gɔme ade dzi ƒo na wo be woanye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la kple efiala nyuiwo. (Nexemya 8:8) Woƒe sukudɔwo kple gbɔgbɔmenuwo sɔsrɔ̃ ƒe nudidia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woada modzakaɖeɖe ɖe nɔƒe si sɔ.\nEnye Bubu na Mia Kple Yehowa\nLe blema Hela la, zemelawo kple amesi do atsyã nɛ la ƒe ŋkɔwo nɔ seƒoƒoze geɖe ŋu. Nenema kee le ƒomea me la, ame evee kpɔa gome le asitɔtrɔ le ɖeviawo ŋu me zi geɖe. Fofo kple dada siaae kpɔa gome le mɔfiafia ɖevi ƒe dzi me, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, mi ame evea siaa ƒe \"ŋkɔwo\" nɔa mia via ŋu. Abe zemela alo atsyãdola kpɔdzidzedze ene la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si nèwɔ le asitɔtrɔ le sɔhɛ aɖe ŋu be wòɖɔ ʋu henya kpɔ la ŋu.—Lododowo 23:24, 25.\nAgbagbadzedze gã sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe alesi gbegbe nètrɔ asi le viwò ƒe dzi ŋui dzi. Míekpɔ mɔ be àte ŋu ava gblɔ be: \"Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o.\" (Psalmo 37:31) Ðevi ƒe dzi ƒe nɔnɔme le vevie ale gbegbe be mele be woaɖe asi le eŋu kura be wòamla eɖokui o.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 8 Dzila aɖewo xlẽa Biblia na wo vi vidzĩwo. Gbe fakɔname kple nuwɔna dodzidzɔname sia ate ŋu aƒã vividodo ɖe nuxexlẽ ŋu ɖe ɖevia me le eƒe agbemeŋkekewo katã me.\n^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030215\/M%C3%A8gagbl%E1%BA%BD-Viw%C3%B2-%C6%92e-Dzi-%C3%90i-Mamlamamlae-O\/","date":"2023-12-04T19:26:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100534.18\/warc\/CC-MAIN-20231204182901-20231204212901-00080.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985946417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985946416854858}","num_words":2166,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbeƒãɖeɖe Le Asi Me\nESIME apostolo Paulo nɔ Atene dugãa me la, eyia asi me ɖaɖea gbeƒã tso Yesu ŋu gbe sia gbe. (Dɔw. 17:17) Paulo tiae be yeaɖi ɖase le asi me elabena afi ma koŋue Atenetɔwo nɔna wu.\nLe ƒe 2,000 kloe megbe la, Yehowa ƒe amewo gakpɔtɔ ɖia ɖase tso Mawu Fiaɖuƒe ŋuti gbedeasia ŋu na amewo le asiwo me. Nu ka tae? Elabena woate ŋu ake ɖe ame geɖewo ŋu le afi ma. Egbea la, asiɖiƒe aɖewo ate ŋu anye fiasegãwo. Ðasefo aɖewo biaa mɔ le fiasedzikpɔla alo fiasetɔ aɖewo gbɔ, si na wote ŋu ɖoa Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe kplɔ̃ alo nu bubu aɖe dzi le fiaseawo me.\nLe kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖewo ɖo Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖe teƒe aɖe le fiase gã aɖe me le New Jersey, U.S.A., wònya kpɔ ale gbegbe, eye woŋlɔ nu klã ɖe afi ma be, \"Ƒome Dzidzenuwo—Aleke Míawɔ Alé Wo Me Ðe Asi?\" Nu kae do tso eme? Le ŋkeke ɖeka ko me la, nɔviawo na agbalẽ 153 sɔŋ le gbegbɔgblɔ ade me.\nNyɔnu aɖe si va afi si woɖo agbalẽawo ɖo la ɖo to numeɖeɖe si Ðasefoawo dometɔ ɖeka nae la nyuie. Nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanɔ vevie na mí le mía ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple míaƒe ƒomegbenɔnɔ me. Exɔ agbalẽ siwo nye: Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, kple Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s'interrogent — Réponses pratiques).\nLe ɣetrɔ me la, ŋutsu aɖe va to afi si woɖo agbalẽawo ɖo la yina ɖe nudzraƒe aɖe si te ɖe eŋu. Eƒe ŋku kli Young People Ask gbalẽa. Nɔvinyɔnu si tɔ ɖe agbalẽawo gbɔ la kpɔe dze sii le eƒe mo be agbalẽawo dometɔ aɖe do dzidzɔ nɛ.Nɔvinyɔnua biae be, \"Agbalẽawo dometɔ aɖe do dzidzɔ na wòa?\" Elɔ̃ ta, eye wòfia asi Young People Ask gbalẽa. Edo asi ɖa be yeatsɔ agbalẽa, eye nɔvinyɔnua tsɔe nɛ. Ŋutsua gblɔ be vi etɔ̃ le ye si. Esi woyi edzi nɔ dzea ɖom la, egblɔ be yedzroa nu me kpli wo zi ɖeka le kwasiɖa ɖe sia ɖe me. Viawo dometɔ eve siwo nye tsitsitɔawo la le woƒe ƒewuiwo me. Esi wònɔ ŋku dam ɖe agbalẽa me la, egblɔ be yeate ŋu azãe le yewoƒe ƒomea ƒe numedzodzro aɖewo me bɔbɔe. Gbeƒãɖelaa he eƒe susu yi Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona gbalẽa hã dzi, heka ɖe edzi nɛ be woa kple srɔ̃a woakpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe ƒome nyametsotsowo wɔwɔ me la le eme. Ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽ sia hã ŋu, ewɔ nudzɔdzɔ ɖe wo ta, eye wòlɔ̃ be ame aɖe nava srã yewo kpɔ.\nAlekee Ðasefoawo se le wo ɖokui me le ɖaseɖiɖi le fiasea me gbe ma gbe ŋu? Nɔvinyɔnu ɖeka gblɔ be: \"Gbeƒãɖeɖe mɔnu sia do dzidzɔ nam ŋutɔ. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi!\" Nɔvinyɔnu bubu gblɔ be: \"Yehowa gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia yi ɖe anyigbaa ƒe mlɔenu ke. Egbea, wole gbeƒã ɖem na amewo le Paramus, New Jersey, le gbegbɔgblɔ vovovo me. Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖe mɔnu sia me. Dzi dzɔ ame sia ame si kpɔ gome le eme ŋutɔ. Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, mía dometɔ aɖeke medi be yeadzo le fiasea me o.\"\nÐe wò hã àgate ŋu ato mɔ bubu aɖewo dzi aɖe gbeƒã nya nyuia? Mɔ vevitɔ si dzi míetona ɖea gbeƒãe nye tso aƒe me yi aƒe me. (Dɔw. 20:20) Gake ɖe manyo be nàbu ɖaseɖiɖi le asi me alo le fiase me hã ŋu oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20080915\/Gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-Le-Asi-Me\/","date":"2023-12-06T18:16:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100602.36\/warc\/CC-MAIN-20231206162528-20231206192528-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986009002,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986009001731873}","num_words":589,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ nyadzɔdzɔ yeyewo tso míaƒe blog dzi\nNyatakakadzraɖoƒewo tutu sesẽ. Ele be nàŋlɔ CSS geɖe, eye ele bɔbɔe be nàwɔ vodada. Tailwind CSS nye utility-first CSS framework si na be nàte ŋu atu custom designs evɔ màdzo le wò HTML me gbeɖe o.\nNe míeƒo nu tso CSS si nye utility-first zazã ŋu la, Tailwind CSS va zu egbɔkpɔnu si dzi dɔwɔla geɖewo yina. Ele vevie ŋutɔ be nàse Tailwind CSS ƒe React nyuitɔwo gɔme ahawɔ wo ŋudɔ.\nKɔpi atsyã ɖesiaɖe tso nyatakakadzraɖoƒe ɖesiaɖe eye nàtsɔe ade wò ŋutɔ wò dɔ me. Mahiã be nàgabu aɖaŋuwɔwɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.\nNye ame gbãtɔ si nya nu tso nyadzɔdzɔwo, nu yeyewo kple bubuwo ŋu!\nÐe asi le nudɔdɔ ŋu ɣesiaɣi. Spam aɖeke meli o.\n© 2023 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/blog","date":"2023-12-04T23:22:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100535.26\/warc\/CC-MAIN-20231204214708-20231205004708-00324.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994905591,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994905591011047}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Woanɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nui\n● Asaf fa konyi be: \"Nyateƒee, yakatsyɔe mena nye dzi ŋu dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me. Ẽ, mekpea fu gbesiagbe, eye nye tohehe li ŋdi sia ŋdi.\"—Psalmo 73:13, 14.\n● Barux xa nu be: \"Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o.\"—Yeremya 45:3.\n● Naomi fa konyi be: \"Ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm! Metsɔ nu geɖe yii, ke Yehowa kplɔm gbɔe asi gbɔloe; nukaŋuti miele yɔyem be Naomi, evɔ wònye Yehowa do nublanuitɔm ɖe?\"—Rut 1:20, 21.\nYEHOWA subɔla nuteƒewɔla siwo ƒo dzi ɖe le vevie ɣeaɖewoɣi la ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le Biblia me. Nya lae nye be esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, seselelãme mawo ɖea fu na mí katã ɣeaɖewoɣi. Dziɖeleameƒo aɖe fu na mía dometɔ aɖewo vevie—ɖewohĩ blanuiléle gɔ̃ hã nakpe ɖe eŋu—wu ame bubuwo le nɔnɔme wɔnublanui siwo me míeto va yi ta.\nGake ne míeɖu seselelãme siawo dzi o la, woate ŋu agblẽ mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo kpakple mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me. Kristotɔ nyɔnu aɖe si léa blanui enuenu lɔ̃ ɖe edzi be: \"Zi geɖe nyemelɔ̃na yia hadomewɔnawo wɔƒe ne wokpem o elabena mese le ɖokuinye me be nyemedze ade ha kple hamea me tɔwo o.\" Aleke gbegbe seselelãme siawo ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbe ŋui enye si! Nukae nàte ŋu awɔ anɔ te ɖe wo nu?\nTe Ðe Yehowa Ŋu Kplikplikpli\nLe Psalmo 73 la, Asaf ŋlɔ nu tso alesi dzi ɖe eƒoe ŋu kɔte. Esi wòtsɔ eƒe nɔnɔmea sɔ kple alesi nu dze edzi na ame vɔ̃ɖiwo le agbe mee la, ŋuʋaʋã ɖo eme. Ede dzesii be ame mavɔ̃mawuwo ƒoa adegbe hesẽa ŋuta, eye wòdze abe ɖe womexɔa eŋu tohehe o ene. Ena be Asaf ke ɖi asixɔxɔ si le nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu le agbe me.—Psalmo 73:3-9, 13, 14.\nAbe Asaf ene la, ɖe nèkpɔe be edze abe nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖiwo, amesiwo tsɔa woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒoa adegbeea? Aleke Asaf wɔ ɖu eƒe seselelãme manyomanyoawo dzi? Eyi edzi be: \"Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me, vaseɖe esime mege ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, eye melé ŋku ɖe woƒe nuwuwu ŋu.\" (Psalmo 73:16, 17) Asaf ɖe afɔ siwo me nunya le trɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Be míazã nyagbe si apostolo Paulo va zã emegbe la, Asaf nyɔ \"gbɔgbɔmeme\" ɖe eɖokui me tsɔ ɖu \"dzɔdzɔmeme\" la dzi. Esi gbɔgbɔmenukpɔsusu yeye gbugbɔ su esi la, eva se egɔme be Yehowa lé fu vɔ̃ɖinyenye eye be le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ahe to na ame vɔ̃ɖiwo.—Korintotɔwo I, 2:14, 15.\nAleke gbegbe wòle vevie enye si be nàɖe mɔ Biblia nakpe ɖe ŋuwò nàlé ŋku ɖe alesi agbe Galatiatɔwo 6:7-9) Yehowa atsɔ ame vɔ̃ɖiwo aɖo \"ɖiɖiƒe\"; eye wòana \"[woazu] anyiglãgo.\" (Psalmo 73:18) Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye aɖu dzi godoo.le ŋutɔŋutɔ la ŋu! Yehowa ɖoa ŋku edzi na mí be menye ɖe yemele nusiwo wɔm ame vɔ̃ɖiwo le la kpɔm o. Biblia fia nu be: \"Migable mía ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. . . . Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.\" (\nGbɔgbɔmenu ɖuɖu edziedzi le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu kple hadede nyui kple Mawu ƒe amewo akpe ɖe ŋuwò nàdo ŋusẽ wò xɔse ahaɖu dziɖeleameƒo alo seselelãme manyomanyo bubuwo dzi. (Hebritɔwo 10:25) Abe Asaf ene la, ne ènɔ Mawu ŋu kplikplikpli la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò lɔlɔ̃tɔe. Asaf yi edzi be: \"Mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.\" (Psalmo 73:23, 24) Kristotɔ aɖe si ŋu wosẽ ŋuta le le eƒe ɖevime srɔ̃ nunya si le nya siawo me. Egblɔ be: \"Hadede kplikplikpli kple hamea na nukpɔsusu bubu su asinye le agbe ŋu. Mekpɔe kɔte be Kristotɔ hamemegãwo lɔ̃a ame, be menye ameɖialawoe wonye o, ke wonye alẽkplɔlawo boŋ.\" Ẽ, Kristotɔ hamemegã nublanuikpɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe amewo ŋu be woaɖe seselelãme gblẽnuwo ɖa me.—Yesaya 32:1, 2; Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.\nXɔ Yehowa ƒe Aɖaŋuɖoɖo\nBarux, si nye nyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla, ɖe hũ le alesi eƒe dɔdasia na wòxaxa le dzimee ta. Gake Yehowa he Barux ƒe susu va alesi nyaa le ŋutɔŋutɔ dzi. \"Wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.\"—Yeremya 45:2-5.\nYehowa zã nyagbe siwo le tẽ tsɔ ɖe nu me na Barux be vuvu ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwo didi ŋu gbɔe eƒe dziɖeleameƒoa tso. Dzi medzɔ Barux le dɔ si Mawu de eyama si wɔwɔ me esime wòvu ɖe nu gãwo didi na eɖokui ŋu le ɣeyiɣi ma ke me la o. Wò hã àte ŋu akpɔe be afɔ ŋutɔŋutɔ si wòle be nàɖe be nàɖu dziɖeleameƒo dzi enye be nàƒo asa na susuhenuwo ahakpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi si tsoa mawumedzidzeme me.—Filipitɔwo 4:6, 7.\nAhosi Naomi mena nuxaxa ɖu edzi le Moab esime srɔ̃a kple viaŋutsu eveawo ku o. Gake eɖe dzesi be elé blanui ɣeyiɣi aɖe le eƒe nɔnɔme kple lɔ̃xoayɔvi eveawo tɔ ta. Esi Naomi nɔ mɔ dom wo la, egblɔ be: \"Mia tɔ koe le veyem, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!\" Azɔ hã esi wòɖo Betlexem la, ete gbe ɖe Rut 1:13, 20.edzi be: \"Migayɔm be Naomi [\"Nusi Nyo Ŋunye\"] o, hafi boŋ miyɔ Mara [\"Nublanuitɔ\"] nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!\"—\nGake Naomi meɖe eɖokui ɖe aga—le Yehowa kple eƒe amewo ŋu—nɔ konyifafa dzi ɖaa o. Ese le Moab be \"Yehowa kpɔ eƒe dukɔ la ɖa, eye wòna abolo wo.\" (Rut 1:6) Ese egɔme be teƒe nyuitɔ kekeake si wòle be yeanɔe nye Yehowa kple eƒe amewo gbɔ. Eyata Naomi kple lɔ̃xoayɔvi Rut trɔ yi Yuda-nyigba dzi eye wòɖo aɖaŋu na Rut nyuie tso alesi wòle be wòawɔ nu ɖe woƒe ƒometɔ Boaz, si nye srɔ̃ɖia ŋui.\nNenema ke egbea la, nuteƒewɔla siwo srɔ̃wo ku la le te nɔm ɖe blanuilélea nu dzidzedzetɔe to gomekpɔkpɔ le Kristo-hamea me dɔwo me kutrikukutɔe me. Abe Naomi ene la, woyi edzi tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenyawo me vevie, eye woxlẽa Mawu ƒe Nya gbesiagbe.\nMawumenunya Ŋudɔwɔwɔ me Viɖewo\nBiblia me nuŋlɔɖi siawo na numekɔkɔ mí le alesi ame nate ŋu anɔ te ɖe dziɖeleameƒo me tsonuwo nui ŋu. Asaf di kpekpeɖeŋu le Yehowa ƒe avɔgbadɔ me eye wòtsɔ dzigbɔɖi kpɔ Yehowa sinui. Barux xɔ aɖaŋuɖoɖo heƒo asa na ŋutilãmenudidi ƒe susuhenuwo. Naomi ku kutri le Yehowa ƒe amewo dome, eye wòdzra ɖetugbi Rut ɖo ɖe eƒe mɔnukpɔkpɔwo le Mawu vavã la ƒe subɔsubɔdɔ me ŋu.—Korintotɔwo I, 4:7; Galatiatɔwo 5:26; 6:4.\nÀte ŋu aɖu dziɖeleameƒo kple seselelãme manyomanyo bubuwo dzi to ŋugbledede le aʋadziɖuɖu siwo Yehowa na eƒe amewo, ame ɖekaɖekawo kple amehawo ŋu me. Le ema wɔwɔ me la, de ŋugble le lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia le tafea xexe ɖe tawò la ŋu. Lɔlɔ̃ vavãtɔ si Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖena fiana la nedze ŋuwò. Na wò susu nanɔ agbe si nàva nɔ le Mawu ƒe xexe yeyea si le ŋgɔ gbɔna kpuie me la dzi. Eye neva eme be nàwɔ nu abe Asaf ene, amesi gblɔ be: \"Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.\"—Psalmo 73:28.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010415\/Alesi-Woan%C9%94-Te-%C3%90e-Dzi%C9%96eleame%C6%92o-Nui\/","date":"2023-12-11T15:56:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679515260.97\/warc\/CC-MAIN-20231211143258-20231211173258-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953920245,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953920245170593}","num_words":1190,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nÐe wozã tsyotiwo tsɔ tɔ kpɔ ƒo xlã Yerusalem kpɔ abe ale si Yesu gblɔe ɖi enea?\nLe Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu me la, egblɔ be: \"Ŋkekewo li gbɔna dziwò, esime wò futɔwo atsɔ tsyotiwo aƒu kpo ƒo xlã wò godoo va kpe, eye woaɖe to ɖe wò ahana nàxaxa le goawo katã me.\" (Luka 19:43) Yesu ƒe nya mawo va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me, esime Romatɔ siwo aʋafia Titus nɔ ŋgɔ na la va tɔ kpɔ ɖe dua ŋu tsɔ ɖe to ɖee. Taɖodzinu etɔ̃e nɔ Titus si—be wòatsɔ axe mɔ na Yudatɔwo ƒe sisi, be wòatsɔ ana dua me tɔwo nana ta, eye be wòana dɔ nawu wo woatsɔ wo ɖokui ana.\nLe Flavius Josephus si nye ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, esi wonya tso nya me be yewoatɔ kpɔa ko la, Roma ʋakɔa ƒe asrafoha gãwo kple asrafoha sue vovovoawo nɔ ho ʋlim kple wo nɔewo le ame si awu kpɔtɔtɔa ƒe akpa si wode esi nu gbã la ŋu. Tso dua ƒe gli gbɔ yi adzɔge abe kilometa 16 ene godoo va kpe la, wotso atiwo katã hena kpɔtɔtɔ, eye le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko me la, wowu kpɔtɔtɔ sia si didi kilometa 7 ƒo xlã dua la nu. Esia na Josephus gblɔ be, \"sisiƒe aɖeke megali na Yudatɔwo o.\" Esi dɔ wu dua me tɔwo ɖi tsi ɖe wo ŋu eye asrafoha vovovo siwo nɔ dua me nɔ wo nɔewo wum ta la, toɖelawo ƒe asi su dua dzi le ɣleti atɔ̃ pɛ ko megbe.\nÐe Fia Xizkiya ɖe tɔʋu yi Yerusalem nyateƒea?\nXizkiya nye fia nɔ Yuda le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo, si nye ɣeyiɣi si me masɔmasɔwo nɔ woa kple Asiria fiaɖuƒe sẽŋu la dome. Biblia gblɔ na mí be ewɔ nu geɖewo tsɔ kpɔ Yerusalem ta hekpɔ egbɔ be dua me tɔwo nakpɔ tsi si hiã. Nu siwo wòwɔ la dometɔ ɖekae nye meta 533 ƒe tɔʋu alo tsimɔ si wòɖe va dua me.—2 Fiawo 20:20; 2 Kronika 32:1-7, 30.\nWova ke ɖe tsimɔ ma tɔgbi ŋu le ƒe alafa 19 lia me. Wova yɔe be Xizkiya ƒe Tsimɔ, alo Siloam Tɔʋu. Tomenukulawo ke ɖe nuŋɔŋlɔ aɖe si ƒo nu tso tsimɔa ɖeɖe ƒe dɔ mamlɛa wɔwɔ ŋu le eme. Ŋkuléle ɖe ŋɔŋlɔdzesiawo ŋu na agbalẽnyala geɖewo gblɔ be anye Xizkiya ƒe ŋkekea mee woɖe tsimɔa. Gake ƒe ewo aɖewoe nye esi va yi la, ame aɖewo bui be ƒe 500 le Xizkiya ƒe ŋkekeawo megbee woɖe tsimɔa. Le ƒe 2003 me la, Israeltɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe nu siwo ŋu woke ɖo le woƒe numekuku be yewoaɖo kpe ƒe si tututu me woɖe tsimɔa dzi ŋu me la ɖe go. Nu kae nye woƒe nyataƒoƒo?\nÐɔkta Amos Frumkin si le Hebrew Yunivɛsiti le Yerusalem la gblɔ be: \"Blemanuwo dzidzemɔnu si nye carbon-14 ƒe dodokpɔ aɖewo siwo wowɔ tso simintiba aɖe tɔgbi si wotsɔ zrɔ̃ Siloam Tɔʋua me ŋu, kple tomenu si nye uranium-thorium si wozã tsɔ do akalokpe ƒomevi aɖe si ŋu woke ɖo le tɔʋua me la kpɔ la siaa ɖee fia be Xizkiya ƒe ŋkekea mee woɖe tɔʋua.\" Nyati aɖe si dze le dzɔdzɔmeŋutinunya magazine si nye Nature me hã gblɔ be: \"Kpeɖodzimɔnu etɔ̃ siwo nye—nuwo ƒe nyunyɔnyunyɔ dodo kpɔ, blemaŋɔŋlɔdzesiwo ŋuti nusɔsrɔ̃, kple ŋutinyamenuŋlɔɖiwo—katã ɖee fia be ƒe 700 D.M.Ŋ. mee woɖe tsimɔa, si na Siloam Tɔʋu la nye nu siwo nɔ anyi le ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na mía ŋɔli, siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me, siwo wodo kpɔ hekpɔ kakaɖedzi le woƒe ɣeyiɣikɔntabubu ŋu la dometɔ si ŋu kpeɖodzi le wu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090501\/%C3%88nyaa\/","date":"2023-11-30T18:24:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100229.44\/warc\/CC-MAIN-20231130161920-20231130191920-00350.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992192388,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992192387580872}","num_words":594,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2004 Nu Geɖe Wu Didi Na Gbɔgbɔmedzidzenuwo Yome Titi Naɖe Vi na Wò Paradiso—Ànɔ Emea? 'Ði Tsa Le Anyigba La Dzi' Sɔhɛwo—Mina mia dzilawo nakpe ɖe mia ŋu miadzɔ miaƒe dzi ŋu! Wowɔ Nuteƒe Henɔ Te Sesĩe—Ɣemaɣi Kple Fifia Hã Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Amekae Nye \"Mawu Vavã La Kple Agbe Mavɔ La\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041015\/","date":"2023-11-29T01:36:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100047.66\/warc\/CC-MAIN-20231129010302-20231129040302-00186.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996432066,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964320659637451}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nAmesiwo Lɔ̃ Yehowa Xɔ Asi le Eŋku Me\nWONYA Lebanon nyuie tso Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke le eƒe dzɔdzɔmenuwo ta. (Psalmo 72:16; Yesaya 60:13) Nusi ŋu wodea asixɔxɔe vevie wue nye eƒe sederti gã siwo yome wotina vevie be woatsɔ atu xɔe, le alesi wodze ani, ʋẽna lilili, henɔa anyi eteƒe didina ta. Nane si xɔ asi wu do tso Lebanon le ƒe alafa gbãtɔa me. Marko ƒe Nyanyuia ka nya ta be \"ameha gã aɖe\" siwo tso Tiro kple Zidon, 'siwo nɔ blema Lebanon-nutoa me, va Yesu gbɔ, esi wose nusiwo wòwɔ.'—Marko 3:8.\nNenema ke Lebanon yi edzi le ku siwo xɔ asi ŋutɔ le Yehowa ŋkume la tsem egbea. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ɖo kpe esia dzi.\n• Wobia tso sɔhɛ Ðasefo si nye Wissam si be wòaƒo nuƒo na eƒe sukuxɔmeviwo aɖabaƒoƒo 30. Wissam ɖoe be anye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ye be yeaɖi ɖase. Eyata ezã agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? tsɔ dzra nuƒo aɖe si ƒo nu tso nuwɔwɔ ŋu ɖo. Gake esi Wissam ƒe nufiala kpɔ nuƒo si wòdzra ɖo la, egblɔ be esi nuƒoa ku ɖe nyati vevi sia gbegbe ŋu ta la, Wissam ate ŋu adidi nuƒoa ɖe edzi wòaxɔ aɖabaƒoƒo 45.\nEsi Wissam dze eƒe nuƒoa gɔme la, eƒe nufiala tso nya le enu hedɔ be woaɖayɔ sukua ƒe tatɔ vɛ. Eteƒe medidi o sukua ƒe tatɔ va ɖo eye Wissam gadze eƒe nuƒoa gɔme ake. Esi tatɔa se nyabiase siwo Wissam bia tsɔ dze eƒe nuƒoa gɔmee la, elé dzi nɛ ale gbegbe eye wògblɔ be ele be sukuviawo dometɔ ɖesiaɖe naxɔ nuƒogbalẽa ƒe fotokɔpi ɖeka.\nEteƒe medidi o nufiala bubu aɖe si tso eme va yina de dzesi dzidzɔkpɔkpɔ si nɔ edzi yim le sukuxɔa me eye wòbia nusi nɔ dzɔdzɔm ta se. Esi woɖo eŋu nɛ la, ebia be ɖe Wissam le agbagba dzem be yeaɖo kpe nuwɔwɔ alo nɔnɔmetɔtrɔ dzi mahã. Woɖo eŋu nɛ be \"Nuwɔwɔ.\" Esi nufialaa se be Yehowa Ðasefoe Wissam nye la, egblɔ na klass la be: \"Miakpɔe le eƒe nuƒoa me be nuwɔwɔ dzie dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpee ke menye nɔnɔmetɔtrɔ o.\"\nWova kpɔe be Creation-gbalẽa ɖeka le nufiala sia si eye ezãnɛ tsɔ fiaa nu le yunivɛsitia! Hafi wòadzo la, ebia be yeate ŋu akplɔ yeƒe sukuviwo vɛ le ŋufɔke ale be Wissam naƒo nu na wo hã. Ðaseɖiɖi nyui aɖe do tso eme na Yehowa.\n• Nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ Nina si xɔ ƒe 22 wum. Tasia ƒe vi tsɔ Biblia aɖe nɛ gbeɖeka hekplɔe yi Pentekoste-ha me. Nina xlẽ Biblia la kple dzidzɔ eye wòkpɔe le eƒe nuxexlẽa me be ele be Kristotɔwo naɖe gbeƒã, eyata edze gbeƒãɖeɖe na eƒe ame nyanyɛwo gɔme. Amesiame si wòƒo nu na biae be: \"Yehowa Ðasefoe nènyea?\" Esia na wòtɔtɔ ŋutɔ.\nƑe ade megbe la, Yehowa Ðasefowo yi Nina ƒe aƒeme eye woƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nɛ. Gbã la, edze agbagba be yeadi vodada le woƒe nufiafiawo ŋu. Gake ekpɔe be susu le woƒe ŋuɖoɖoawo katã me eye wotu wo ɖe Biblia dzi.\nNusiwo Nina va srɔ̃ mlɔeba—tso Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa; yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ; kple bubuawo ŋu—na wòka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ. Nina nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla ƒe adre enye esia. Nyateƒee, Yehowa yraa amesiwo si lɔlɔ̃ vavãtɔ le na eyama.—Korintotɔwo I, 2:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000801\/Amesiwo-L%C9%94%CC%83-Yehowa-X%C9%94-Asi-le-E%C5%8Bku-Me\/","date":"2023-12-06T17:50:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100602.36\/warc\/CC-MAIN-20231206162528-20231206192528-00840.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991685152,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991685152053833}","num_words":561,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lãe Dzra Ðo\nNu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu\n\"Miyi edzi miazɔ le nunya me . . . eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui.\"—Kolosetɔwo 4:5.\nNE ÈDE dzesi nu siwo nàdi be yeawɔ le ŋkeke kple ɣeyiɣi vovovowo me vɔ la, ke nu si dze ŋgɔ wò azɔe nye be nàtsɔ wo ade dɔwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.\n1 ÐO NU SIWO NÀWƆ GBE SIA GBE. Ðo nu siwo nàdi be yeawɔ la tso esi le vevie wu dzi. De dzesi esiwo ŋu wòhiã be nàzã ɣeyiɣi ɖo wu. Ne èwɔ ɖe vɔ la, de dzesii. Ne mèwu ɖe nu o la, tsɔe kpe esiwo nàwɔ ŋkeke si akplɔe ɖo.\n2 NE KALƐNDA VOVOVOWO LE ASIWÒ LA, NA ÐOÐOWƆÐI SIWO LE WO DZI LA NASƆ. Ne ède dzesi nane ɖe kalɛnda dzi le wò kɔmpiuta dzi la, anyo be nàgade dzesii ɖe wò fon hã dzi, ale be ne ehiã la, wòaɖo ŋku edzi na wò. Ne kalɛnda evee nèzãna, gake ɖeka dzi koe nèŋlɔ ɖoɖo aɖe si nèwɔ la ɖo la, ɖewohĩ àŋlɔe be.\n3 ŊLƆ NU SIWO AKPE ÐE ŊUWÒ NÀWƆ DƆA LA ÐI. Ŋlɔ dɔa ƒe akpa vovovoawo ɖi ɖe ɖoɖo nu.\n4 WƆ ÐOÐO ÐE DƆ SIWO LE VEVIE NA WÒ WU LA ŊU GBÃ. Esia ana nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe esiwo mehiã boo o la ŋu.\n5 ÐO TAÐODZINU SIWO GBƆ ÐOÐO LE BƆBƆE. Ne èɖoe be yeadze agbagba abi ɖe dɔ si yewɔna me nyuie la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nàɖoe be yeadze agbagba ava zu dɔmemegã.\n6 NYAE BE MÀTE ŊU AKPƆ ƔEYIƔI ÐE NU SIA NU ŊU O. Kpɔ dɔ siwo aɖe vi wu la gbɔ gbã. Ke dɔ bubu siwo hiã kpata, alo esiwo wòhiã be nàwɔ godoo ya ɖe? Ne màte ŋu aɖe asi le wo ŋu alo ade wo asi na ame bubu o la, ekema kpɔe ɖa be àte ŋu akpɔ ɣeyiɣi vi aɖe ɖe wo ŋu hã. Dɔ aɖewo ate ŋu anɔ anyi nàva wɔ le ɣleti aɖewo megbe ne womehiã kaba o, alo ɖewohĩ mahiã be nàwɔ wo gɔ̃ hã o. Zã ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔ siwo nèsusu be wole vevie hafi nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ la ŋu.\n7 MA ƔEYIƔIA ÐE DƆAWO ŊU. Be nànya ale si nèle ɣeyiɣia zãmee la, ma ɣeyiɣia ɖe dɔawo ŋu kwasiɖa ɖeka alo eve. Ðe nègblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔ siwo mele vevie o la ŋua? Ame ɖeka alo eve aɖewo koŋ ye doa kplamatsɛ wòa? Ŋkekea alo kwasiɖa ƒe ɣeyiɣi aɖewo koŋue wòdzɔna be nanewo va gblẽa wò ɖoɖowo mea? Ðe dɔ siwo va doa kplamatsɛ wò hegblẽa ɣeyiɣi na wò la ɖa.\n8 MÈGAWƆ ÐOÐO ÐE NU GEÐE FŨU AKPA ŊU O. Ne èwɔ ɖoɖo be yeayi asi me, yeadzra nanewo ɖo, yeaxɔ amedzro, yeakpɔ film, eye yeaxlẽ nu, eye nèɖoe be yeawɔ nu siawo katã gbe ɖeka la, ɖeko nàtsi dzi, eye màse vivi na wo dometɔ aɖeke o.\n9 DZE AGBAGBA BE NU GEÐE NAGADO KPLAMATSƐ WÒ O. Ðo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi gbe sia gbe, si me màdi be ame aɖeke alo naneke nado kplamatsɛ ye le o, negbe ɖe wòhiã vevie ko. Ne anya wɔ la, tsi wò fon ɣemaɣi. Tsi mɔɖaŋunu bubu ɖe sia ɖe si nèkpɔ be aɖe fu na ye la hã.\n10 DA DƆ SESẼWO ÐE ƔEYIƔI SI NÈKPƆ BE ŊUSẼ LE YE ŊU NA EWƆWƆ LA DZI.\n11 KPƆ DƆ SIWO MEVIVIA NUWÒ O LA GBƆ KABA. Ne ènya wɔ wo vɔ ko la, àkpɔe be esiwo mesesẽ o la wɔwɔ le bɔbɔe.\n12 BU NU SIWO MÈLE MƆ KPƆM NA O Hà ŊU. Ne èkpɔe be yeate ŋu ava ɖo teƒe aɖe le miniti 15 me la, gblɔ be yeava le miniti 25 me. Ne èsusu be ɖoɖo aɖe axɔ gaƒoƒo ɖeka la, ɖo gaƒoƒo ɖeka kple miniti 20 ɖe eŋu. Gblẽ ɣeyiɣi aɖe ɖi le ŋkekea me, si ŋu mèwɔ ɖoɖo aɖeke ɖo o.\n13 Zà ƔEYIƔI SIWO ŊU MÈWƆ ÐOÐO AÐEKE ÐO O LA NYUIE. Àte ŋu anɔ nyadzɔdzɔwo sem esime nèle dzadzram ɖo. Àte ŋu anɔ agbalẽ xlẽm esime nèle ʋu lalam alo le ʋu me. Àte ŋu azã ɣeyiɣi mawo atsɔ aɖi ɖe eme hã. Gake mègagblẽ wo dome wòava ve wò emegbe o.\n14 KPƆE ÐA BE YEATE ŊU AÐE DƆA DZI AKPƆTƆ HÃ. Ðewohĩ nu 2 koe le vevie wu le nu 10 siwo nèdi be yeawɔ la dome. Ðewohĩ àkpɔe be ne èwɔ dɔ aɖe ƒe akpa vevi aɖe ko la, dɔa katã kloe koe nye ema nèwɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne aŋgbawo dudu tso atiwo dzi ɖe aƒewò me la, àkpɔe be ne èkplɔ afi si aŋgbawo dudu ɖo wu ko la, ke èkplɔ aƒea me katã kloe vɔ koe nye ma.\n15 NE EWƆ NA WÒ BE DƆAWO SƆ GBƆ AKPA LA, ŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi. Emegbe nàma dɔawo ɖe akpa eve: esiwo nàwɔ egbe kple esiwo nàwɔ etsɔ. Wɔe nenema ke le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.\n16 ÐI ÐE EME VIE BE ŊUSẼ NAGAÐO ŊUWÒ. Ne èɖi ɖe eme vie, eye ŋusẽ yeye ɖo ŋuwò la, àkpɔe be àwɔ dɔ geɖe wu esi ɖeɖi nate ŋuwò gake nàganɔ dɔa gbɔ.\n17 ŊLƆ ALE SI NÈBU TSO DƆA ŊU LA ÐI. Ŋlɔ nu si nèkpɔ be enye kuxi le dɔa ŋu, nu si ta wòle fu ɖem na wò, kple mɔ vovovo siwo dzi nàto akpɔ egbɔ la ɖi.\n18 MÈGANƆ MƆ KPƆM BE NU SIA NU NADE BLIBO O. Ne èkpɔ be yemate ŋu akpɔ ta na dɔ aɖe o la, ekema ɖe asi le eŋu nàtrɔ ɖe bubu si hiã ŋu.\n19 BIà ŊKU ÐE DƆA ŊU NÀWƆ. Mègalala be dɔa nadzro wò hafi nàwɔe o. Wò ya dze egɔme ko.\n20 TRƆ ÐOÐOAWO FAA. Susu koe nu siawo nye míedo ɖa le nyati sia me; menye se kpaɖii wonye o. Te wo kpɔ, kpɔe ɖa be kawoe sɔ na wò hã, eye nàtrɔ asi le bubuwo ŋu ɖe wò nɔnɔme kple hiahiãwo nu.\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201004\/Nu-20-Siwo-N%C3%A0w%C9%94-Be-N%C3%A0kp%C9%94-%C6%94eyi%C9%A3i-Ge%C9%96e-Wu\/","date":"2023-12-10T08:09:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679101282.74\/warc\/CC-MAIN-20231210060949-20231210090949-00897.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984326363,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984326362609863}","num_words":983,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Woatɔ Dzo Ame Vɔ��ɖiwo Le Dzo Mavɔ Mea?\nGERTRUDE, si nye Protestanttɔwo ƒe mawunyagblɔla la, lé dzo mavɔ ƒe dzixɔsea me ɖe asi sesĩe. Ne ame aɖe gblɔ be ɖewohĩ teƒe aɖeke manɔ anyi alea o la, ekua dzi nɛ vevie. Egblɔna be ne dzo mavɔ meli o la, ekema efia be womahe to na ame siwo wɔ nu vlo manyagblɔwo la o. Gertrude kpɔtɔ lé eƒe dzixɔsea me ɖe asi goŋgoŋ. Eya ŋutɔ gblɔna be, \"Nyemesusu be madi be masubɔ Mawu nenye be womahe to na ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me o.\"\nÐe woatɔ dzo ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me abe ale si subɔsubɔha geɖewo fiaa nui enea? Ne manɔ alea o ɖe, ke aleke woahe to na woe?\nZi Gbãtɔ Si Mawu He To Na Ame\nLe Biblia ƒe nya nu la, Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo wode blibo. (1 Mose 1:27; 5 Mose 32:4) Ena wonɔ paradisobɔ aɖe me eye wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee. Gake ede se ɖeka aɖe na Adam kple Xawa, mía dzila gbãtɔawo. Mawu de se na wo be: 'Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.'—1 Mose 2:16, 17.\nNublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔawo do kpo nu le nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo ƒe dodokpɔ bɔbɔe ma me. Esia ƒoe ɖe mía Wɔla la nu be wòatso kufia na wo. Egblɔ be: 'Fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!'—1 Mose 3:19.\nNe ɖe woawɔ fu Adam kple Xawa le dzo mavɔ me la, ɖe Mawu maxlɔ̃ nu wo tso tohehe sia ŋu oa? Nyateƒe lae nye be Mawu megblɔ nya aɖeke tso fukpekpe le ku megbe ŋu o. Ɛ̃, mate ŋu anya wɔ be woakpe fu le ku me o. Naneke menɔ wo me si ayi edzi anɔ agbe le woƒe ku megbe o.\nEsi wònye be mía Wɔla lae nye Agbenala ta la, enya nu sia nu le agbe kple ku ŋu. Egblɔ na mí le eƒe Nya la me be 'kukuawo menya naneke kura o.' (Nyagblɔla 9:5) Esia tae Adam kple Xawa mate ŋu akpe fu le dzo mavɔ aɖe me le woƒe ku megbe o ɖo. Ðeko wotrɔ zu anyi eye wo nu yi. 'Womeganya naneke kura o.'\nÐe Míate Ŋu Akpe Fu Le Ku Megbea?\nBiblia gblɔ le Romatɔwo 5:12 be: \"To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.\" Ekema ɖe susu le eme be míaxɔe ase be amewo kpea fu le dzo mavɔ me ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, le esi Adam, si he ku va amegbetɔƒomea katã dzi ya ŋutɔ trɔ zu anyi ko le eƒe ku megbea?—1 Korintotɔwo 15:22.\nNu si dzɔ ɖe Adam dzi kee dzɔna ɖe mí katã dzi. \"Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku.\" Gakpe ɖe eŋu la, ne ame ku ko la, \"woɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.\" (Romatɔwo 6:7, 23) Gake ne ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa kuna eye ame aɖeke mekpea fu le ku megbe o la, ke afi kae Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ la le?\nMawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Dzɔdzɔe La\nTame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu tso esime wòwɔ atsu kple asi gbãtɔawo hede se na wo be woadzi viwo eye woalé be na anyigba la metrɔ o. (1 Mose 1:28) Esia gakpɔtɔ nye eƒe tameɖoɖo kokoko abe ale si eya ŋutɔ gblɔ emegbe be, \"Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee\" ene.—Psalmo 37:29.\nDe dzesii be ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba sia dzi. Woanɔ agbe le lãmesẽ deblibo kple dzidzɔ me. Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be anyigbaa dzi nayɔ kple ame dzɔdzɔewo la 'ava eme godoo.' Esia ava eme ne wòna xexe yeye aɖe va xɔ ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li fifia teƒe.—Yesaya 55:11; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:4.\nWoafɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo ku evɔ womenya naneke tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu o la tso ku me eye woafia nu wo tso agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu. (Yesaya 11:9; Yohanes 5:28, 29) Le go bubu me la, woatsɔ \"ku evelia\" ahe to na ame sia ame si gbe be yemanɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu o la. Esiae nye ku si me womagafɔ tso gbeɖe o.—Nyaɖeɖefia 21:8; Yeremiya 51:57.\nEme kɔ ƒãa be, esi Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu ta la, mawɔ fu amewo le dzo mavɔ me o. (1 Yohanes 4:8) Eye maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye hã ŋu tegbee o. Esia ta Psalmo 145:20 na kakaɖedzi mí be 'Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.' Ðe esia mefia be Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu si wɔa nu dzɔdzɔe oa?—g09 09-E.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Nu kae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?—1 Mose 3:19.\n▪ Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?—Nyagblɔla 9:5.\n▪ Alekee Mawu ahe to na ame vɔ̃ɖiwoe?—Psalmo 145:20.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]\n'Kukuawo menya naneke kura o.'—Nyagblɔla 9:5\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]\nPhoto: www.comstock.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/%C3%90e-Woat%C9%94-Dzo-Ame-V%C9%94%CC%83%C9%96iwo-Le-Dzo-Mav%C9%94-Mea\/","date":"2023-12-04T19:35:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100534.18\/warc\/CC-MAIN-20231204182901-20231204212901-00512.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983790517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983790516853333}","num_words":852,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuƒoƒu: Featured Artist - Afrika Vidzĩwo ƒe Awudodo\nMíaƒe nutala Antoinette si tso Togo Africa ye tsɔ asi lɔ̃ vidzĩwu dzeaniwo ƒe ƒuƒoƒo sia. Avɔ ɖesiaɖe nye esi le etɔxɛ eye wotsɔ avɔ nyuiwo wɔe. Vidzĩ ɖesiaɖe adze tugbe ŋutɔ ne edo awu siawo dometɔ ɖeka.\nKpɔ egbɔ be yeyi míaƒe axa si nye \"About the Artist\" be yeaxlẽ Antoinette ƒe ŋutinya. Abe míaƒe asitsatsa ƒe dɔdasi si le nutome blibo me le Commernce 360 ƒe akpa aɖe ene la, míekpɔa nutala abe Antionette ene be míadzra nutoa me nutala ƒe asinudɔwɔwɔwo be nutala la ƒe ganyawo nanyo ɖe edzi le woƒe dukɔa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/commerce360.trade\/ee\/collections\/african-baby-clothes","date":"2023-11-30T03:41:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.87\/warc\/CC-MAIN-20231130031610-20231130061610-00112.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993755221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993755221366882}","num_words":102,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusɔsrɔ̃ 9: 'Yehowae Wɔ Nuwo Katã'\nKplɔ Kaleb ɖo miakpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo!\nƉewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO\nWɔ axa sia si woate ŋu ade amae la ƒe kɔpi eye nàkpɔ video si nye 'Yehowae Wɔ Nuwo Katã'ne nàkpɔ lã siwo wowɔ gbã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/yehowae-w%C9%94-nuwo-kat%C3%A3\/","date":"2023-12-11T05:57:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679103558.93\/warc\/CC-MAIN-20231211045204-20231211075204-00338.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989390969,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989390969276428}","num_words":47,"character_repetition_ratio":0.118,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apple ƒe atike gbãtɔ si me carbon mele o la va ɖo.\nAɖaŋu si wɔa dɔ ɖe ame dzi. Carbon ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si mesɔ gbɔ o.\nTo ŋgɔyiyi atraɖii le nuwo, ŋusẽ dzadzɛ, kple meliɖoɖo si me carbon mesɔ gbɔ ɖo o me la, wotsɔa Apple Watch naa fifia le case kple band ƒe ƒuƒoƒo siwo me carbon mele o me.\nApple Watch doa ŋusẽ wò be nàse wò susu kple ŋutilã siaa ƒe nyonyo gɔme nyuie wu. Wokpɔa wò lãmesẽnyatakakawo ta kple adzamenyawo kple dedienɔnɔ ƒe ɖoɖo nyuitɔ kekeake. Ne èle klalo be yeagblɔe na lãmesẽdɔwɔlawo, xɔlɔ̃wo, alo ƒometɔwo la, àkpɔ ŋusẽ blibo ɖe amesiwo akpɔ wò nyatakakawo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/iphoneker.com\/?lang=ee","date":"2024-03-05T10:07:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948234904.99\/warc\/CC-MAIN-20240305092259-20240305122259-00573.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993017912,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993017911911011}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutsuvi Kple Gbɔ̃tsu La\nŊutsuvi aɖe nɔ anyi gbe aɖe gbe si lɔ̃a nuɖuɖu wu agbalẽxexlẽ eye wòbua tame le neƒizizi ko ŋuti. Eya ta amewo nɔa eyɔm be kuviatɔ.\nKe esia venɛ ŋutɔ eye wògblɔ gbe ɖeka bena: \"Mizi da ko megbɔna vevie do ge nu miakpɔ!\" Etsɔ eƒe agbalẽ xexlẽa, eye wòdo yi ablɔ me. Atikpo aɖe si ŋu amewo tona yina enuenu la le ablɔa me. Ŋutsuvi la va eye wòbɔbɔ nɔ edzi. Eke eƒe agbalẽ la eye wòtrɔ eƒe ta ɖe akɔme. Ele agbalẽ la me kpɔm abe exlẽm wòle ene eye wòle afɔ hã ʋuʋum ɖe eŋu. Enumake wòde asi talɔlɔ̃ me elabena ele alɔ̃ dɔm.\nKasia Papo to ablɔ me yina va ɖo egbɔ. Ame kae nye Papo mahã? Eyae gbɔ̃tsu si ta dzo glɔ̃mɔwo le la. Gbɔ̃tsu sia srɔ̃ dzodada tso eƒe ɖevime ke eye wòkpɔa dzidzɔ le ame sia ame si lɔ̃a ale dɔwɔwɔ sia ŋuti. Eƒe dzowo tri eye ŋgonu hã sesẽ ŋutɔ. Esia na be dzideƒo gã le esi. Ete ɖe ŋutsuvi luƒã la ŋu eye wòkpɔ bena egale ta lɔ̃m ko.\nTete gbɔ̃tsu la gblɔna, \"Ahã, mesusu bena wò ŋutɔ ènyam xoxo.\" Ehe yi megbe gahe yi megbe. Ŋutsuvi la gale eƒe talɔlɔ̃ la dzi ko. Gbɔ̃tsu la gagblɔ bena, \"Eya hã le megbe yim abe nye pɛ ene.\" Egahe yi megbe nyuie eye wòƒu du tso afi ma kpatakpata va tu dzo ŋutsuvi la ƒe gbɔƒe gbi. Enumake ŋutsuvi la goglomi dze atikpo la megbe. Agbalẽ la dzo yi dzi gadze anyi. Azɔ ɖevi la fɔ kple ɣli eye wòyi aƒe me. Esi ŋɔŋlɔdzesi aɖeke mele eƒe tame o la, exɔ abi ɖe eteƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/nutsuvi-kple-gb%C9%94%CC%83tsu-la\/","date":"2024-03-05T14:44:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00873.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989814758,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989814758300781}","num_words":276,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Johann Bernhard Schlegel Ƒe Agbemeŋutinya Johann Bernhard Schlegel nye Eʋegbelɔ̃la aɖe si tsɔ eƒe agbe ke ɖe Eʋegbea ŋu Kpɔe Ɖa Gottlob Christoph Däuble Mawunyadɔgbedela sia wɔ nyui gã aɖe na Eʋeawo. Ènya nu si wòwɔa? Kpɔe Ɖa Eʋegbe Biblia Gbãtɔ Ƒe Ŋutinya Eʋegbe Biblia gbãtɔ gɔme ɖeɖe menɔ bɔbɔe kura o, vevietɔ le Xexemeʋa Gbãtɔ ta Kpɔe Ɖa Gbegɔmeɖedɔwo Gbegɔmeɖeɖe Ŋuti Mɔfiamewo Gbegɔmeɖeɖe nye dɔ vevi aɖe si nana be nya si wogblɔ ɖe gbe aɖe me la gɔme ɖe bubu me Kpɔe Ɖa Nyanyanaƒe Adoglo Kple Akpɔkplɔ Adoglo kple akpɔkplɔ ƒe gli sia nye nuxlɔ̃ame be mianɔ ŋudzɔ le agbe me. Kpɔe Ɖa Yiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi Yiyi kple Ɖetsyɔ̃evi ƒe gli sia nye nuxlɔ̃ame gã aɖe tso ŋukeklẽ ŋuti. Kpɔe Ɖa Akpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo Akpɔkplɔ aɖe si akpaviã eve aɖewo kɔ le yame yina teƒe bubu. Kpɔe Ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/gbeg%C9%94me%C9%96e%C6%92e\/","date":"2024-03-05T13:21:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00375.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990605712,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990605711936951}","num_words":142,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.185,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nPaulo Ƒe Nyruiyɔvi—Ekpɔ Nyruia Ƒe Agbe Ta\nÐE NÈNYA be apostolo Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo nye Yesu yomedzelawoa? *— Edze ƒãa be nɔvianyɔnu aɖe kple nyɔnu sia ƒe vi siaa nye xɔsetɔwo. Eye Paulo ƒe nyruiyɔvi sia kpɔ Paulo ƒe agbe ta! Míenya ɖekakpui sia alo dadaa ƒe ŋkɔ o, ke hã míenya nu si ɖekakpuia wɔ. Wò hã àdi be yeanya nu si wòwɔa?—\nÐeko Paulo wu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ etɔ̃lia nu hegbɔ va Yerusalem teti koe nye ema. Edze ƒãa be ƒe 56 M.Ŋ. mee. Wolé Paulo de ga, eye wole ʋɔnu drɔ̃ gee. Gake Paulo ƒe futɔwo medi be woakpɔ nyaa gbɔ le ʋɔnu o. Wodi be yewoawui! Eya ta woɖo nugbe be ŋutsu 40 aɖewo nade xa ɖe mɔa dzi ahawu Paulo.\nNanetɔe la, Paulo ƒe nyruiyɔvia se nu tso nugbeɖoɖoa ŋu. Ènya nu si wòwɔa?— Eyi ɖagblɔ nya la na Paulo. Enumake Paulo gblɔ na asrafo aɖe be: \"Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafiagã la gbɔ, elabena nya aɖe le esi wòagblɔ.\" Asrafoa kplɔe yi aʋafiagã Klaudio Lisia gbɔ hegblɔ nɛ be nya vevi aɖe le ɖekakpuia si nɛ. Klaudio kplɔ Paulo ƒe nyruiyɔvia ɖe kpɔe, eye ɖekakpuia gblɔ nya sia nya nɛ.\nKlaudio de se na Paulo ƒe nyruiyɔvia gblɔ be: \"Mègatoe na ame aɖeke be yegblɔ nya siawo nam o.\" Emegbe eyɔ asrafomegã eve hegblɔ na wo be woadzra asrafo 200, sɔdola 70, kple akplɔdala 200 ɖo ne woayi Kaisarea. Le zã ga asieke me gbe ma gbe la, ŋutsu 470 siawo dze mɔ hekplɔ Paulo yi Roma Nutomefia Felike gbɔ dedie le Kaisarea. Klaudio ŋlɔ nugbe si woɖo be yewoawu Paulo la ɖe lɛta aɖe me ɖo ɖe Felike.\nAle si nuwo va yii la zi Yudatɔwo dzi be woado go kple Paulo le ʋɔnudrɔ̃ƒea le Kaisarea ahagblɔ woƒe nutsotsoawo. Gake kpeɖodzi aɖeke menɔ wo si be Paulo wɔ nu gbegblẽ aɖeke o. Togbɔ be enɔ nenema hã la, wode Paulo gaxɔ me madzemadzee hena ƒe eve sɔŋ. Esia na wòbia be woadrɔ̃ nya na ye le Roma, eye wokplɔe yi afi ma.—Dɔwɔwɔwo 23:16–24:27; 25:8-12.\nPaulo xlɔ̃ nu exɔlɔ̃ ɖekakpui Timoteo be: \"Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔ nu siawo dzi, elabena to esia wɔwɔ me la, àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.\" (1 Timoteo 4:16) Ðikeke mele eme o be, Paulo ƒe nyruiyɔvia wɔ ɖe nyruia ƒe nuxlɔ̃amenya ma dzi. Ðe míawo hã míawɔ ɖe edzia?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.\nNyabiasewo:\n○ Ame kawoe nye Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo, eye nu kae míesrɔ̃ tso wo ŋu?\n○ Nu kae Paulo ƒe nyruiyɔvia wɔ tsɔ kpɔ Paulo ƒe agbe ta?\n○ Nu kae míate ŋu awɔ, si anye toɖoɖo Yesu, atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ ɖeɖe egbea?\n[Nɔnɔmetata si le axa 17]","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090601\/Paulo-%C6%91e-Nyruiy%C9%94vi-Ekp%C9%94-Nyruia-%C6%91e-Agbe-Ta\/","date":"2024-02-24T17:23:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474541.96\/warc\/CC-MAIN-20240224144416-20240224174416-00193.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9927496314,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9927496314048767}","num_words":474,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbɔ̃tsu Sue La\nGbe ɖeka la, gbɔ̃tsu sue aɖe va aƒe ƒe ʋɔtru, si le ʋuʋu la nu, eye wòyi ɖe aƒea me. Eti kpo ge ɖe xɔ la me, eye wòkpɔ nu nyuiwo le afi ma fũu.\nGbɔ̃tsu sue la ƒe mo wɔ yaa le nu siawo ƒe nyonyo ta eye wòke ŋku le nu kpɔ gãa. Esi wòdi be yeakpɔ nu sia nu tsitotsito ta la, ede ablegɔ dzi. Ke esia mesɔ gbɔ nɛ o, eya ta wòde kplɔ̃ dzi le xɔa me. Wotsɔ ahuhɔ̃e gã aɖe ku gli ŋu le kplɔ̃ la gbɔ lɔƒo. Nu ka gbɔ̃tsu kpɔ? Ekpɔ eɖokui le ahuhɔ̃e la me hesusu be gbɔ̃tsu bubu aɖee di be yeatu dzo ye.\nDzi ku gbɔ̃tsu sue la le gbɔ̃tsu evelia sia kpɔkpɔ me, eye wòdo ɣli be, \"Gbɔ̃tsu sue, va ne mítu dzo mía nɔewo!\" Gbɔ̃tsu sue la kɔ eɖokui ɖe dzi, tsi tsitre ɖe eƒe megbefɔwo dzi, eye wòtu dzo gbɔ̃tsu si wòkpɔ le ahuhɔ̃e la me. Kasia ahuhɔ̃e gã la ge va dze gbɔ̃tsu sue la dzi eye wògbã tsayaa. Enumake aƒea tɔ ge ɖe xɔa me, ede ka gbɔ̃tsu sue la, eye fefe la nu tso.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/gb%C9%94%CC%83tsu-sue-la\/","date":"2024-03-05T14:25:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00485.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985696673,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998569667339325}","num_words":194,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.304,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNo. 1 2017 | Sɔhɛwo Ƒe Blanuiléledɔ\n—Nu ka gbɔe wotso? Nu kae akpe ɖe wo ŋu?\nNyatakakawo ɖee fia be sɔhɛ siwo nuteɖeamedzi ɖea fu na la le dzidzim ɖe edzi kabakaba.\nÈsusu be kuxi sia gbɔ kpɔnu aɖe lia?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ɖo aɖaŋu aɖewo tso ale si sɔhɛwo awɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu la ŋu kple nu si dzilawo hã ate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na wo via ahakpe ɖe eŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nDze agbagba nàde dzesi dzesiawo kple nu siwo gbɔ woate ŋu atso. Kpɔ nu siwo dzilawo kple ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui ɖa.\nNe xɔlɔ̃wo alo ame siwo míenya o gɔ̃ hã ko nu na mí la, ewɔnɛ be míawo hã míekoa nu na amea eye dzi dzɔa mí.\nNU SI BIBLIA GBLƆ\nWoɖea vi nɔdɔme akpe geɖe ƒua gbe ƒe sia ƒe. Ðe fuɖeɖe nye ame ŋutɔ ƒe tiatia loo alo mesɔ o?\nLe Memleɖa, April 25, 2015 dzi la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe gblẽ nu le Nepal. Le anyigbaʋuʋua megbe la, Yehowa Ðasefowo ɖee fia be yewonye Kristotɔ vavã siwo lɔ̃a yewo nɔewo le nuwɔna ŋutɔŋutɔwo me.\nNU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU\nNe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ɖoe be yewoade dzesi yewo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, wo dome va vivina wu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?\nWAS IT DESIGNED?\nAnyidi sia nye lã siwo tea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã nu wu la dometɔ ɖeka. Nu kae kpena ɖe eŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNu atɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzimaɖitsitsi naɖe vi na wò tsɔ wu be wòagblẽ nu le ŋuwò.\nXlẽ nu tso kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ siwo míenaa míaƒe haxɔsetɔwo kple ame bubuwo siaa la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/","date":"2024-04-13T04:46:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816535.76\/warc\/CC-MAIN-20240413021024-20240413051024-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998963356,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989633560180664}","num_words":299,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2003 Alekee Nye Amewo Ƒe Nɔnɔme Ðe Dɔmenyonunana Ŋu? Nunana Si Dzea Mawu Ŋu Alesi Míana Nɔnɔme si me Míele Nadze Mía Ŋu \"Migavɔ̃ O, Eye Dzika Megatso Mia Ƒo O\" Mitsi Tre Ði, Ne Miakpɔ Alesi Yehowa Le Xɔxɔ Ge Na Mii! Dzidzɔ Si Wu Gbɔgblɔ! Dzudzɔ Ʋeʋẽe Dodo—Ðe Wòwɔa Akpa aɖe le Tadedeagu Vavãtɔ Mea? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030601\/","date":"2024-04-17T01:11:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817112.71\/warc\/CC-MAIN-20240416222403-20240417012403-00275.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982277751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982277750968933}","num_words":65,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nZi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, míeɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi le teƒe geɖewo le xexea me godoo. Míewɔa esia elabe Yesu de se na eyomedzelawo be: \"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\" (Luka 22:19) Esi míagawɔ adze ŋkeke si gbɔna dzi:\nBraɖa, April 11, 2017.\nMíele kpewòm be nàva kpɔ gome le wɔna tɔxɛ sia me kpli mí. Abe ale si wòle le míaƒe kpekpe bubuawo gome ene la, ame sia ame ate ŋu ava kpekpe sia faa. Womaxɔ ga ɖe vava ta o, eye womadzɔ ga le amewo si hã o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/%C5%8Bku%C9%96odzi\/","date":"2017-10-21T10:55:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-43\/segments\/1508187824733.32\/warc\/CC-MAIN-20171021095939-20171021115939-00790.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981376529,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981376528739929}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EƲENYIGBA ƑE AWU LA VAƉO VƆ !\nMìena míedo aɖaŋu sia \" EƲENYIGBA ƑE TUTU \" ɖe ŋgɔ hena ŋusẽdodo mìanɔɛwo na Eʋedukɔ la ƒe tutu. Mìakpɔ awudodo sia aƒle nenye bena mìele Togo looo, Ghana looo alo Ablotsi nyigba dzi. Ɖebla ƒo ka na aƒetɔ Sodranko le kaƒomɔ dzesi siawo dzi: 0049 15 21 01 72 360 alo ŋlɔ̃ wò nyatiawo ɖe gli sia dzi heda wò kaƒomɔ dzesiwo ɖi, míaƒo ka nawò le gaƒoƒo aɖewo megbe hena numekɔkɔ. Awu sia ƒe home enye ablotsi Ero ga wuiatɔ̃ (15 €). Akpe","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo\/262-e-enyigba-fe-awu-la-to-v","date":"2017-11-24T13:02:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00689.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959080815,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959080815315247}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nAngola\nAssociação das Testemunhas de Jeová\nCaixa Postal 6877\nLUANDA\nANGOLA\n+244 222-460-192\n+244 222-460-211\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/angola\/","date":"2017-12-11T03:44:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00106.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993516803,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993516802787781}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.289,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nSuriname\nGemeente Paramaribo van Jehovah's Getuigen\nPO Box 2914\nPARAMARIBO\nSURINAME\n+597 328054\n+597 328049\n+597 328021\n+597 328019\n+597 8918205 (Media inquiries)\n+597 8899089 (Media inquiries)\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ ga 5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/suriname\/","date":"2017-12-16T13:39:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588072.75\/warc\/CC-MAIN-20171216123525-20171216145525-00560.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992278814,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992278814315796}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.339,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER (DZOME) 9, 2015\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nNEW YORK—Tso August (Dasiamime) va se ɖe October (Kele) 2015 me la, Yehowa Ðasefowo wu woƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu ƒe dɔ si wode to me le Warwick le New York ƒe akpa vevitɔ nu, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 3,800 aɖewoe kpɔa gome le dɔa me gbe sia gbe.\nTso esime wodze dɔa gɔme le July (Siamlɔm) 2013 me la, Ðasefo 18,000 kple edzivɔwo tso Amerika-dukɔa ƒe du vovovowo me kpɔ gome le dɔa me, wo dometɔ aɖewo tso keke Alaska kple Hawaii gɔ̃ hã. Dɔwɔla 400 va se ɖe 500 lɔƒo vaa dɔa wɔƒe le kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe, eye esi woɖo dɔa ƒe ami me ya la, woƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi va ɖo 700 kple edzivɔwo kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe eye esia yi edzi kwasiɖa ene sɔŋ.\nAƒetɔ Richard Devine, si nye Ðasefowo ƒe Warwick Xɔtukɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be: \"Esi wònye ame akpe geɖe vaa dɔa me gbe sia gbe ta la, ele be bɔbɔe be amewo nava sɔ gbɔ ɖe dɔa wɔƒe kpaŋkpaŋ. Eya ta míeɖe ame 400 le ŋkekemedɔwɔlawo dzi be woawɔ dɔ tso ŋdɔ ga 3 va se ɖe fɔŋli ga 2 ale be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le dɔa wɔƒe.\" Ame siawo wɔ dɔ tso May (Damɛ) va se ɖe September (Anyɔnyɔ).\nAƒetɔ Richard Devine gblɔ be woawu mlɔƒe eneawo dometɔ eve tututu nu le January (Dzove) 2016 me abe ale si woɖoe ene. Aƒetɔ Devine gagblɔ be, \"ale si ame gbogbo aɖewo kpe asi ɖe dɔa ŋu ta la, dɔ bliboa do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wòle be wòawu enu la ɣleti ene sɔŋ.\" Woɖoe be woawu mlɔƒe susɔeawo, dɔwɔxɔawo kple nudzraɖoƒea nu le September (Anyɔnyɔ) 1, 2016 dzi.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/jw-d%C9%94w%C9%94%C6%92eg%C3%A3-akpa-vevit%C9%94\/","date":"2017-12-18T03:29:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981699586,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981699585914612}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU DA GBE LE ŊKUAGBÃTƆ AÐE ŊU\nWOATSƆ FIAÐUƑEA ƑE SAFUIWO ANA PETRO\nYESU GBLƆ EƑE KU KPLE TSITRETSITSI ŊU NYA ÐI\nYesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Betsaida. Amewo kplɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ la va egbɔ eye woɖe kuku nɛ be wòaka asi eŋu ayɔ dɔe.\nYesu lé ŋutsua ƒe alɔnu kplɔe do goe le kɔƒea me. Esi wòɖe ta ɖe ŋutsua ƒe ŋku dzi la, ebiae be: \"Èle nane kpɔma?\" Ŋutsua ɖo eŋu be: \"Mele amewo kpɔm, gake wole abe atiwoe le zɔzɔm ene.\" (Marko 8:23, 24) Esi Yesu ɖo asi ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi la, ekpɔ nu nyuie. Azɔ eɖe asi le eŋu be wòayi aƒe me hegblɔ nɛ be megayi ɖe kɔƒea me o.\nEmegbe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ta Kaisarea Filipi nutoa me. Enye todzimɔ si didi abe kilometa 40 sɔŋ ene. Kɔƒea le to aɖe si kɔkɔ meta 350 dzi, eye Hermon To si dzi sno le la le eƒe dzieheɣedzeƒe gome. Mɔzɔzɔ sia anya xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo.\nLe mɔzɔzɔa me la, Yesu ɖe eɖokui ɖe aga yi ɖado gbe ɖa. Ɣleti asieke alo ewo koe susɔ Yesu naku, eye etsi dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, ame geɖe trɔ le eyome, eye edze abe ame bubuwo hã tɔtɔ eye dzi ɖe le wo ƒo ene. Anye be womese nu si tae meɖe mɔ be woaɖo ye fia, alo nu si tae mewɔ dzesi si aɖe ame si wònye la afia kɔtɛ ɖikekemanɔmee o la gɔme o.\nEsi eƒe nusrɔ̃lawo va afi si wòle gbea dom ɖa le la, Yesu bia wo be: \"Ame kae amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔvi la nye?\" Woɖo eŋu be: \"Ame aɖewo be Yohanes Amenyrɔɖetsimela, bubuwo be Eliya, eye bubuwo hã be Yeremiya alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.\" Ɛ̃, amewo susu be Yesu nye ame siawo dometɔ ɖeka si fɔ tso ame kukuwo dome. Be Yesu nanya nusrɔ̃lawo ƒe susu la, ebia wo be: \"Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?\" Enumake Petro ɖo eŋu be: \"Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.\"—Mateo 16:13-16.\nYesu gblɔ be dzidzɔtɔe Petro nye le esi Mawu ɖe nu sia fiae ta, eye wògblɔ kpee be: \"Mele egblɔm na wò be: Wòe nye Petro, eye agakpe sia dzie matu nye hame la ɖo, eye Tsiẽƒe ƒe agbowo mate ŋu aɖu edzi o.\" Yesu nɔ gbɔgblɔm be ye ŋutɔ yeaɖo hame aɖe anyi, eye ne emetɔwo wɔ nuteƒe le anyigba dzi la, Tsiẽƒe gɔ̃ hã mate ŋu akpe wo dzi o. Azɔ edo ŋugbe na Petro be: \"Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò.\"—Mateo 16:18, 19.\nMenye ɖe Yesu nɔ Petro dom ɖe dzi wu apostolo mamlɛawo o, eye menye ɖe wòtsɔe ɖo hamea ƒe gɔmeɖoanyi hã o. Yesu ŋutɔe nye Agakpe si dzi woatu eƒe hamea ɖo. (1 Korintotɔwo 3:11; Efesotɔwo 2:20) Gake woatsɔ safui etɔ̃ ana Petro. Le gɔmesese aɖe nu la, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòaʋu Dziƒofiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔnu ɖi na ame hatsotso vovovowo.\nPetro awɔ safui gbãtɔ ŋu dɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi esime wòafia Yudatɔwo kple dukɔ bubu me tɔ siwo trɔ dzi me la nu si wòle be woawɔ be woakpɔ ɖeɖe. Awɔ safui evelia ŋu dɔ atsɔ aʋu Mawu Fiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na Samariatɔ xɔsetɔwo. Emegbe le ƒe 36 K.Ŋ. la, Petro awɔ safui etɔ̃lia ŋu dɔ atsɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo, Kornelio kple ame bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 2:37, 38; 8:14-17; 10:44-48.\nEsi Yesu ƒo nu tso fu siwo wòava kpe kple ale si woawui le Yerusalem kpuie ŋu na eƒe apostoloawo la, ete ɖe wo dzi. Esi womese egɔme be woafɔ Yesu ɖe tsitre wòayi dziƒo o ta la, Petro ɖe kpɔe eye wògbe nya nɛ be: \"Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.\" Ke Yesu trɔ megbe dee heɖo eŋu nɛ be: \"Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.\"—Mateo 16:22, 23.\nAzɔ Yesu yɔ ame bubuwo kpe ɖe apostoloawo ŋu heɖe eme be manɔ bɔbɔe be ame nanye ye yomedzela o. Egblɔ be: \"Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa. Elabena ame sia ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la abui, gake ame sia ame si abu eƒe agbe le nye kple nya nyui la ta la aɖee.\"—Marko 8:34, 35.\nƐ̃, hafi Yesu yomedzelawo nadze wòave wo nu la, ebia dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Yesu gblɔ be: \"Ame sia ame si akpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi wɔnuvɔ̃ sia me la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui ne eva le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.\" (Marko 8:38) Eye ne Yesu va mlɔeba la, aɖo \"eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.\"—Mateo 16:27.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/dze-si-petro-fia%C9%96u%C6%92e-safuiwo\/","date":"2017-12-17T18:31:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948597295.74\/warc\/CC-MAIN-20171217171653-20171217193653-00686.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985206723,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985206723213196}","num_words":783,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KA TAE nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa be na wò vavã? Susu ɖekae nye be Biblia ŋutɔe gblɔe tẽe. Míexlẽ le 1 Petro 5:7 be: 'Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.' Kpeɖodzi kae li be Yehowa Mawu léa be na wò?\nMAWU KPƆA AMEGBETƆWO ƑE NUHIAHIÃWO GBƆ NA WO\nNɔnɔme siwo nàkpɔ mɔ be woanɔ xɔ̃wò veviwo si la katã le Mawu si. Ame siwo nyoa dɔme henaa nu wo nɔewo zua xɔlɔ̃ veviwo zi geɖe. Wò ŋutɔ àte ŋu aɖi ɖase be Yehowa nyoa dɔme henaa nu amegbetɔwo ɣesiaɣi. \"Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.\" (Mat. 5:45) Vi kae ɣe ƒe keklẽ kple tsidzadza ɖena na mí? To wo dzi la, Mawu 'tsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa amegbetɔwo ƒe dziwo me fũu'; gake menye esiawo ko o. (Dɔw. 14:17) Yehowa kpɔa egbɔ be anyigba wɔa nuɖuɖu fũu; nyateƒee, 'dɔmetɔe nye ametɔ.'\nKe nu ka tae dɔ le ame gbogbo aɖewo wum? Elabena xexemedziɖulawo vu ɖe ŋusẽ kple kesinɔnuwo didi ŋu tsɔ wu be woana agbea naka ɖe eme na wo teviwo. Ema nye ŋukeklẽ, eye Yehowa akpɔ kuxi ma gbɔ kpuie ne egbã dziɖuɖu siwo li fifia hetsɔ Dziƒofiaɖuƒea, si le Via si me la, ɖo eteƒe. Ɣemaɣi la, dɔ magawu ame aɖeke azɔ o. Gake fifia gɔ̃ hã Mawu kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo dzi. (Ps. 37:25) Ðe esiawo meɖee fia be eléa be na mí oa?\nYEHOWA KPƆA VOVO ÐE MÍA ŊU\nXɔ̃wò vavã kpɔa vovo ɖe ŋuwò. Anɔ gbɔwò gaƒoƒo geɖe mianɔ dze ɖom tso miaƒe nya veviwo ŋu. Eye xɔ̃wò vevi aɖo to nyuie ne èle wò kuxiwo kple wò dzimaɖitsitsiwo gblɔm nɛ. Ðe Yehowa hã kpɔa vovo ɖe mía ŋu nenemaa? Ɛ̃! Eɖoa to sea míaƒe gbedodoɖawo. Esia tae Biblia de dzi ƒo na mí be, \"Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,\" eye wògagblɔ be \"minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.\"—Rom. 12:12; 1 Tes. 5:17.\nƔeyiɣi didi kae Yehowa alɔ̃ aɖo to wò gbedodoɖawo? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Biblia me kpɔɖeŋu aɖe me. Hafi Yesu natia eƒe apostoloawo la, edo \"gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã.\" (Luka 6:12) Anɔ eme be le gbedodoɖa ma me la, Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋkɔ yɔm ɖekaɖeka henɔ susu hem yi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye wòbia Fofoa be wòakpe ɖe ye ŋu le wo tiatia me. Kaka ŋu nake la, Yesu nya be yekpɔ ame siwo dze nyuie azu yeƒe apostolowo. Edzɔa dzi na Yehowa, \"Gbedodoɖasela\" la, be yeaɖo to gbe siwo katã míedona ɖa tso dzi blibo me. (Ps. 65:2) Yehowa menɔa game kpɔm ne ame aɖe le gbe dom ɖa gaƒoƒo geɖe tso nya vevi aɖe ŋu nɛ o.\nMAWU LƆ̃A TSƆTSƆKE\nAvu kple kɔe tsɔtsɔke nyena na xɔlɔ̃ veviwo gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi ame siwo nye xɔlɔ̃wo ƒe geɖe la dome gblẽna le esi wòsesẽna na wo be woatsɔ ake wo nɔewo ta. Yehowa mele nenema o. Biblia gblɔ na anukwaretɔwo katã be woabia eƒe tsɔtsɔke, eye \"atsɔ ake geɖe.\" (Yes. 55:6, 7) Nu kae ʋãa Mawu wòtsɔa nu vɔ̃ kena faa alea?\nEyae nye eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o. Elɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ Via Yesu na be wòaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple emetsonuwo me. (Yoh. 3:16) Mese ɖe afi ma o. To Kristo ƒe tafea dzi la, Mawu tsɔa ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la ƒe nu vɔ̃wo kea wo. Apostolo Yohanes gblɔ be: \"Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí.\" (1 Yoh. 1:9) Yehowa ƒe tsɔtsɔke ʋu mɔ na amewo be woayi edzi anye exɔlɔ̃wo, eye esia nyanya wɔa dɔ ɖe mía dzi vevie.\nEKPENA ÐE ŊUWÒ LE HIÃƔI\nXɔlɔ̃ vavã doa alɔ exɔlɔ̃wo ne woɖo hiã me. Ðe menye esia tututue Yehowa wɔna oa? Ɛ̃, eƒe Nya la gblɔ be: \"Ne [Mawu subɔla dze] anyi hã la, maɖo baba ɖi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.\" (Ps. 37:24) Yehowa 'léa esubɔlawo ɖe te' le mɔ vovovowo nu. Se nane si dzɔ le Karib-ƒukpo, si nye Saint Croix, dzi ɖa ko.\nNyɔnuvi aɖe ƒe sukuhatiwo le fu ɖem nɛ esi wògbe be yemado gbe na aflaga o le yeƒe dzixɔsewo ta. Edo gbe ɖa na Yehowa eye wòɖoe be yeawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Le eƒe sukuxɔ me dɔdeasi aɖe me la, eƒo nu tso gbedodo na aflaga ŋu. Ezã Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo eye wòɖe ale si Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe ŋutinyaa wɔ ɖeka kple eƒe nyametsotsoa me. Egblɔ be, \"Yehowa kpɔ Hebri ɖekakpui etɔ̃awo ta esi wogbe be yewomasubɔ kpetata o.\" Eye wòtsɔ agbalẽa fia wo. Sukuvi 11 lɔ̃ be yewoaxɔ agbalẽa. Dzi dzɔ nyɔnuvia ale gbegbe esi wòkpɔe be Yehowa do ŋusẽ ye hena nunya ye yeɖi ɖase tso nya sesẽ ma ŋu.\nNe mèka ɖe edzi tututu be Yehowa léa be na wò o la, ke de ŋugble le Biblia kpukpuiwo abe Psalmo 34:17-19; 55:22; 145:18, 19 ene ŋu. Bia Ðasefo siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe be woagblɔ ale si wòlé be na woe la na wò. Ne èhiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, do gbe ɖa nàgblɔe nɛ. Àkpɔ ale si Yehowa 'léa be na wòe.'","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2016\/yehowa-l%C3%A9a-be-na-w%C3%B2\/","date":"2017-12-11T04:17:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00484.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968065619,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968065619468689}","num_words":850,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Israel-vi geɖe gava nɔ trɔ̃wo subɔm, eya ta Yehowa ɖe mɔ Filistitɔwo ɖu woƒe anyigba la dzi. Gake Israel-vi aɖewo ya yi edzi lɔ̃ Yehowa. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Manoa. Vi aɖeke menɔ eya kple srɔ̃a si o. Gbe ɖeka la, Yehowa dɔ eƒe dɔla aɖe ɖe Manoa srɔ̃ gbɔ. Mawudɔla la gblɔ nɛ be: 'Èle ŋutsuvi aɖe dzi ge. Eyae aɖe Israel-viwo tso Filistitɔwo si me. Anye Naziritɔ.' Ènya ame si Naziritɔwo nyea? Wonye Yehowa subɔla tɔxɛ aɖewo. Womeɖe mɔ na Naziritɔwo be woalũ ta o.\nEteƒe medidi o wodzi ŋutsuvi na Manoa, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Samson. Esi Samson tsi la, Yehowa na ŋusẽ geɖe nɔ eŋu. Samson te ŋu tsɔ asi ƒuƒlu wu dzata. Gbe ɖeka la, Samson ɖeɖe wu Filistitɔ 30. Filistitɔwo lé fui eye wonɔ mɔnu dim le eŋu ne yewoawui. Esi Samson va tsi Gaza dua me le zã aɖe me la, Filistitɔwo va dua ƒe agbo nu henɔ lalam be ne ŋu ke la yewoawui. Gake le zã titina la, Samson fɔ yi dua ƒe agbo nu eye wòho agboa le glia me. Ekɔ agboa ɖe eƒe abɔta yi keke to aɖe si te ɖe Hebron ŋu la dzi!\nEmegbe Filistitɔwo yi Samson ƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Delila gbɔ eye wogblɔ nɛ be: 'Ne ète ŋu gblɔ nu si gbɔ Samson ƒe ŋusẽa tso na mí la, míana ga gbogbo aɖe wò. Míedi be míalée ade gaxɔ me.' Delila di be gaa nasu ye si eya ta elɔ̃. Gake Samson melɔ̃ gbã be yeagblɔ nu si gbɔ yeƒe ŋusẽa tso nɛ o. Gake nyɔnua ɖe fu nɛ ʋuu ale be wògblɔe nɛ. Egblɔ nɛ be: 'Womelũ ta nam kpɔ o elabena Naziritɔ menye. Ne wolũ ta nam la ŋusẽ avɔ le ŋunye.' Mèkpɔe be Samson wɔ vodada gã aɖe be wògblɔ nya sia nɛ oa?\nEnumake Delila gblɔ na Filistitɔwo be: 'Menya nu si gbɔ eƒe ŋusẽa tso!' Ena Samson dɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi eye wòna ame aɖe lũ ta nɛ. Delila do ɣli be: 'Samson Filistitɔwo va ɖo!' Samson nyɔ tso alɔ̃ me gake ŋusẽ megale eŋu o. Filistitɔwo lée, gbã ŋku nɛ eye wodee gaxɔ me.\nGbe ɖeka la, Filistitɔ akpe geɖe va ƒo ƒu ɖe woƒe mawu Dagon ƒe trɔ̃xɔa me henɔ ɣli dom be: 'Míaƒe mawu la tsɔ Samson de asi na mí! Mikplɔ Samson vɛ! Ne wòava do nukokoe na mí.' Wokplɔe va tɔ ɖe sɔti eve dome eye woɖu fewu le eŋu. Samson do ɣli be: 'Oo Yehowa, meɖe kuku na ŋusẽ nagaɖo ŋunye zi ɖeka pɛ sia.' Le ɣeyiɣi sia me la, Samson ƒe ɖa gato. Etsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu trɔ̃xɔa ƒe sɔtiwo. Xɔ blibo la mu eye ame siwo katã nɔ eme la ku, Samson hã ku.\n\"Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.\"—Filipitɔwo 4:13","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/6\/samson-kple-delila\/","date":"2017-12-18T19:40:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948619804.88\/warc\/CC-MAIN-20171218180731-20171218202731-00592.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956372976,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956372976303101}","num_words":469,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Frank kple Jerry wonye aƒelika siwo dome le nyuie. Gake nɔnɔmea va trɔ esi Jerry ɖo kplɔ̃ na exɔlɔ̃ aɖewo zã ti hafi wokpã. * Esime Frank gblɔ nɛ be woƒe toɣliɖeɖea ɖe fu na ye la, Jerry do dziku ɖe eŋu vevie. Woʋli nya vevie, eye mlɔeba wolé fu wo nɔewo.\nMENYE Frank kple Jerry ko dzie nu sia dzɔ ɖo kpɔ o. Zi geɖe la, ne masɔmasɔ ɖo ame eve dome la wodoa dziku ɖe wo nɔewo ŋu vevie, wonɔa fɔ bum wo nɔewo. Ne womekpɔ nyaa gbɔ o la, woƒe xɔlɔ̃dzedzea me gblẽna.\nÐewohĩ nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔ. Anɔ eme be ete ɖe dziwò. Enye nyateƒe be mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míanɔ ŋutifafa me kple mía xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo ahalé nɔvisi. Aleke míate ŋu awɔ esiae ne míedo dziku gɔ̃ hã? Ðe míate ŋu aɖu dziku dzi ahatsɔ ake ame siwo daa vo ɖe mía ŋua? Ðe míate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ mea?\nBu Frank kple Jerry ƒe nyaa ŋu kpɔ. Woƒe xɔlɔ̃dzedzea me dze gbegblẽ gɔme esime woɖe afɔ gbegblẽ siawo: (1) Jerry mebu ame ŋu o, (2) mɔ si nu Frank gblɔ ale si toɣliɖeɖea ɖe fu nɛ le la do dziku na Jerry, (3) wo ame evea siaa do dziku eye (4) wo ame evea siaa gbe asiɖeɖe le nyaa ŋu.\nMlɔeba wova bu nuwo ŋu nyuie. Woɖe asi le nyaa ŋu hewɔ ŋutifafa. Nu kae kpe ɖe wo ŋu wote ŋu wɔ esia? Wowɔ ɖe mɔfiame vevi siwo kpe ɖe xɔlɔ̃ geɖewo ŋu wokpɔ woƒe masɔmasɔwo gbɔ eye wova vivi wu tsã la dzi.\nMɔfiame siawo le Biblia, si nye agbalẽ si woma le xexea me wu la me. Edea dzi ƒo na mí be míatu nɔnɔme nyui siwo ana míanɔ ŋutifafa me kple amewo ahakpɔ masɔmasɔwo gbɔ la ɖo. Nɔnɔme siawo dometɔ aɖewoe nye nugɔmesese, dɔmekɔkɔ, lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi.\nAle si Frank kple Jerry te ŋu dzra wo nɔewo dome ɖo la nye ale si ŋusẽ le Biblia ŋu wòtea ŋu trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ la ƒe kpɔɖeŋu eve ko. Biblia trɔ ame geɖewo ƒe agbenɔnɔ, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nye ame siwo me nɔnɔme gbegblẽwo ƒo ke ɖe to ɖo tsã. Le kpɔɖeŋu me, Robert si le Australia, ɖu dzikudodo helĩhelĩ dzi. Nelson si le Timor-Leste hã ɖu fuléle amewo kaɖikaɖi dzi eye wòva zu ame aɖe si nye eƒe futɔ tsã la ƒe xɔlɔ̃ vevi. Aleke Biblia kpe ɖe wo ŋu? Nyɔ! magazinea talawo bia gbe wo.\nGBEBIAME 1\nROBERT, ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí vie.\nMenye ƒome kpɔdzidzɔ mee wonyim le o. Le kpɔɖeŋu me, fofonye wɔa adã ŋutɔ eye wòƒoam zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, eƒoam ale gbegbe be ʋu gbãna bleam eye mebuna ɖe ɖokuinye gɔ̃ hã. Esia wɔe be meva zu adãwɔla kple ŋutasẽla. Le nye sɔhɛme la, wokplɔm da ɖe ɖevi dzeaglãwo ƒe suku be woaɖɔm ɖo. Menɔ afi ma ƒe eve. Emegbe la, mewɔ nu vevi ame aɖe eye wodem mɔ́ le gaxɔ aɖe si nu wodzɔna vevie la me. Esi woɖe asi le ŋunye la, meʋu yi Australia kple susu be madze agbe yeye nɔnɔ gɔme le afi ma.\nÐe ʋuʋu yi afi ma na nètrɔ agbenɔnɔa?\nMenye ʋuʋu koŋue na metrɔ o, ke Biblia si Yehowa Ðasefowo srɔ̃ kplim ye. Ke hã agbagba ŋutɔe medzena hafi tea ŋu ɖua nye dzikua dzi, eye zi geɖe la, dzi ɖena le ƒonye eye mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Gbe ɖeka mede ŋugble tso Lododowo 19:11 me nyawo ŋu. Afi ma gblɔ be: \"Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.\" Esi medi vevie be manye nunyala ta la, medze agbagba be mase nu si míaƒe seselelãmewo, nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖena fiana la gɔme. Vivivi la, meva nye ame si tsɔ kena, sea nu gɔme hegbɔa dzi ɖi.\nÀte ŋu agblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe na mía?\nGbe ɖeka mewɔ nane wòve xɔ̃nye aɖe, gake menye ɖe meɖoe hafi o, eye wòka mo nam vevie le amewo ŋkume. Ŋukpem ale gbegbe! Gake meɖo ŋku aɖaŋu si Biblia ɖo be, \"migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o\" la dzi eye meɖe kuku nɛ enumake. (Romatɔwo 12:17) Esi xɔ̃nyea ƒe dzi fa la, mete ɖe eŋu eye wògblɔ nam be yele ƒomekuxi aɖe me tom tae. Míwɔ ŋutifafa eye emegbe wòna awu nyui aɖem. Nenye tsãe wòdo ŋukpem nenema la, nu si adzɔ teƒe makɔ o.\nAleke nèkpɔa wò ƒomekuxiwo gbɔe?\nMía vi xɔ ƒe 20, eye masɔmasɔwo ɖoa míawo hã mía dome ɣeaɖewoɣi abe ale si wòdzɔna le ƒome bubuwo gome ene. Gake mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me, si ƒe ɖee nye ale si wòle vevie be magblɔ be, \"Tɔnye medzɔ o.\" Nya mawo gbɔgblɔ tso dzi me tea ŋu xea mɔ na dzrewɔwɔ alo tsia enu kura.\nGBEBIAME 2\nNELSON, èkoa nu hedoa vivi ɖe ame ŋu. Gake ewɔ abe tsã la, èdoa dziku vevie ene, alo mele nenema oa?\nNenemae! Esi menye sɔhɛ la, meɖo dunyaheha aɖe si tsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu la me. Melé fu dunyaheha aɖe si nɔ ho ʋlim kpli mí be yewoaɖu míaƒe nutoa dzi me tɔwo. Esi medi be magabi ɖe aʋawɔwɔ me ta la, meva srɔ̃ karatdada eye meƒoa ame sia ame si do dziku nam.\nNu kae na nètrɔ nɔnɔme?\nMeva te Biblia-sɔsrɔ̃ eye meva le agbe nɔm ɖe eƒe mɔfiamewo nu. Eƒe mɔfiame eve aɖewo koŋ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Gbãtɔ gblɔ be: \"Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.\" (Mateo 7:12) Evelia gblɔ be: \"Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.\" (Mateo 22:39) Mekpɔe be Yehowa Ðasefo siwo dometɔ aɖewoe va srɔ̃ Biblia kplim la lɔ̃a ame sia ame ne woƒe dukɔ alo dekɔnuwo to vovo gɔ̃ hã. Medi be manɔ abe woawo ene. Edze ƒãa be mete ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ elabena nye ame nyanyɛwo megavɔ̃na nam o.\nÐe Nègawɔa Adã Ɣeaɖewoɣia?\nƐ̃, gake menye le ame dome o. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔ wònyena nam be maɖu ɖokuinye dzi le aƒe me. Ne mato nyateƒea, dzi kum vevie gbe ɖeka eye medo asi ɖe srɔ̃nye gbɔ, gake eva te ɖe dzinye vevie be mewɔ nu nenema. Srɔ̃nye lɔ̃ faa tsɔe kem, eye esia na megaɖoe kplikpaa wu tsã be maɖu ɖokuinye dzi.\nÈgblɔ be amewo megavɔ̃na na ye o. Àte ŋu agblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe na mía?\nFaa. Gbe ɖeka meva do go dunyaheha si nɔ ho ʋlim kple mía tɔ la ƒe amegã aɖe si ŋkɔe nye Augusto. Esi wòkpɔm teti la, enɔ aye dzi nam. Gake medo gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe. Ema na wòkpɔe be medi be míaɖe asi le tsãdzrewɔwɔwo ŋu. Mekpee hã be wòava srãm kpɔ le aƒe me. Elɔ̃ ɖe edzi eye wòwɔ nuku nɛ ŋutɔ be metrɔ nenema gbegbe, si wɔe be eya hã dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia menye xɔlɔ̃wo koe nye kple Augusto míezu o, ke míezu nɔvi Kristotɔwo hã.\n\"Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me\"\nNu siwo gbɔ masɔmasɔwo tsona la sɔ gbɔ hele vovovo eye menye ame sia amee lɔ̃na be yeawɔ ŋutifafa o. Eya ta Biblia ɖo aɖaŋu sia be: \"Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.\"\nAme siwo ƒe nya míegblɔ le nyati sia me la nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be nunya si dze le Biblia me la ɖea vi eye be ŋusẽ le esi be wòaɖe nɔnɔme gbegblẽ siwo \"ƒo ke ɖe to sesĩe\" ɖe mía me la gɔ̃ hã ɖa ne míawo ŋutɔwo míelɔ̃. (2 Korintotɔwo 10:4) Lododowo 3:17, 18 gblɔ tso nunya ma ŋu be: \"Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi, eye woayra ame si vàe goŋgoŋ la.\"\nÐe nàdi be yeakpɔ dzidzɔ geɖe wu ahanɔ ŋutifafa me kple amewoa? Èdi vevie be yeadze xɔlɔ̃ ame siwo magblẽ ye ɖi ne masɔmasɔwo do mo ɖa oa? Ne nenemae la, àkpɔ dzidzedze geɖe ne èwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201408\/amewo-w%C9%94-%C5%8Butifafa\/","date":"2017-12-16T15:58:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588251.76\/warc\/CC-MAIN-20171216143011-20171216165011-00246.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991093874,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991093873977661}","num_words":1340,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbegbɔgblɔ Geɖewo Le Edzi\nTia gbegbɔgblɔ 18 siwo le edzi la dometɔ ɖeka abe mia degbe ene eye nàtia ɖeka hã wòanye gbe si nèdi be yeasrɔ̃. Gbe siwo li la woe nye Bengaligbe, Chinagbe (Bɔbɔetɔ) si ŋu Mandaringbe me odio kpe ɖo, Eŋlisigbe, Fransegbe, Germaniagbe, Hindigbe, Indonesiagbe, Italiagbe, Japangbe, Koreagbe, Myanmargbe, Portugalgbe, Russiagbe, Spaniagbe, Swahiligbe, Tagalog-gbe, Thailandgbe kple Turkeygbe.\nNya Siwo Ku Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu\nNya kple nyagbe siwo le JW Language nye nya siwo míezãna le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me hekpe ɖe Biblia me nyawo ŋu. Trakt gbogbo aɖewo hã le eme, àte ŋu atsɔ mia degbe me tɔwo asɔ kple gbe bubu si nètia la tɔwo.\nGbesrɔ̃mɔnu Bɔbɔewo\nXlẽ: Degbemenyawo kple dutagbemenya siwo woɖo ɖe wo nɔewo xa\nSe: Degbemenya, nyagbɔgblɔ kple agbalẽ ɖe sia ɖe si wolé ɖe mɔ̃ dzi\nKpɔ: Mia degbe me video siwo nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? kple Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? kple gbe bubuwo tɔ siaa\nTee Kpɔ: Gbesɔsrɔ̃ ƒe taflo ƒe mɔnu\nDzra Nu Siwo Nèdi La Ðo\nDzra nyagbɔgblɔ siwo nèlɔ̃a zazã alo esiwo zazã ɖea fu na wò la ɖo ɖe Nudaɖoƒe bena wo kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe na wò. Àte ŋu atiae hã be nu siwo nèda ɖe Nudaɖoƒea nadze le Gbesɔsrɔ̃ Ƒe Taflo la dzi hã na ye.\nRoma-ŋɔŋlɔdzesiwo\nLe gbegbɔgblɔ siwo womeŋlɔna kple Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo o gome la, nyawo kple nyagbewo anɔ dzedzem le Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo hã me.\nKpekpeɖeŋu\nNe èdo go kuxi aɖe le JW Language zazã me la, taflatsɛ kpe míaƒe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-language\/dzi-nuwo\/","date":"2017-12-15T16:13:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948575124.51\/warc\/CC-MAIN-20171215153355-20171215175355-00116.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998298347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982983469963074}","num_words":253,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LKPƆ Mose ɖa, ele sisim tso Egipte. Èkpɔ ŋutsu, siwo nyae ɖe nu la? Ènya nusitae wodi be yewoawu Mose ɖoa? Na míakpɔ ɖa be míate ŋu anya hã.\nMose tsi le Farao, Egipte-dziɖula la ƒe aƒeme. Eva zu nunyala gã kple ame deŋgɔ aɖe. Mose nya be menye Egiptetɔe yenye o, ke boŋ ye dzila ŋutɔŋutɔwo nye Israel-vi kluviwo.\nGbeɖeka esi Mose tsi xɔ ƒe 40 la, eɖo tame be yeayi yeƒe amewo gbɔ aɖakpɔ alesi wole la ɖa. Alesi wole fu wɔm woe la wɔ nublanui. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wònɔ Israeltɔ kluvi aɖe ƒom. Mose tsa ŋku mlamlamla, eye esi wòkpɔ be ame aɖeke mele yewo kpɔm o la, eƒo Egiptetɔ la, eye Egiptetɔ la ku. Tete Mose ɣla eƒe kukua ɖe ke me.\nEsi ŋu ke la, Mose gayi eƒe amewo kpɔ ge ɖa. Esusu be yeate ŋu akpe ɖe wo ŋuti be womaganye kluviwo azɔ o. Gake ekpɔ Israel-ŋutsu eve wole dzre wɔm, tete wògblɔ na amesi tɔ medzɔ o la bena: 'Nukatae nèle nɔviwò ƒom?'\nŊutsua ɖo ŋu bena: 'Ameka ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ðe nèbe yeawu nye hã abe alesi nèwu Egiptetɔ ma enea?'\nVɔvɔ̃ ɖo Mose azɔ. Enya be amewo dze si nusi yewɔ Egiptetɔ la. Farao ŋutɔ hã se nya la, eye wòdɔ amewo be woawu Mose. Ema tae wòle na Mose be wòasi adzo le Egipte.\nEsi Mose dzo le Egipte la, eyi ɖe Midian-nyigba dzi. Afimae wòkpɔ Yetro ƒe ƒomea le, eye wòɖe vianyɔnuawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Zipora. Mose trɔ zu alẽkplɔla, eye wòkplɔ Yetro ƒe alẽwo. Enɔ Midian-nyigba dzi ƒe 40 sɔŋ. Fifia etsi xɔ ƒe 80. Azɔ gbeɖeka esi Mose le Yetro ƒe alẽwo kplɔm la, nukunu aɖe dzɔ, esi trɔ Mose ƒe agbenɔnɔ blibo la katã. Ʋu axa kemɛ ne míakpɔ nusi nukunu sia nye la ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/mose-egipte\/","date":"2018-01-24T02:56:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084892892.86\/warc\/CC-MAIN-20180124010853-20180124030853-00114.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995458126,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995458126068115}","num_words":303,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zi geɖea, gbetakpɔlawo nɔa dua ƒe gliwo kple xɔ kɔkɔwo dzi be woana toklã dua me nɔlawo ne wokpɔ be afɔku aɖe gbɔna. Yehowa ɖo Ezekiel be wòanye kpɔɖeŋu \"gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe\" la.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nKristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ | August 2017\nAgba Kpekpe Si Le Gbetakpɔla Dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug14-20\/ezekiel-gbetakp%C9%94la-agba\/","date":"2018-01-19T06:51:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985628724,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985628724098206}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hati Fiaɖuƒegbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔ:\nTSƆE be wò hã ènɔ Brooklyn Betel ƒomea me le Fiɖa ŋdi, October 2, 1914 dzi. Ènɔ anyi ɖe nɔwòƒe le kplɔ̃ ŋu le ŋdinuɖuƒea hele Nɔviŋutsu C. T. Russell ƒe vava lalam. Kasia, Nɔviŋutsu Russell ye nye ema ʋu ʋɔa hege ɖe eme. Abe ale si wòwɔna ɣesiaɣi ene la, etɔ sẽe eye wòtsɔ dzidzɔ do gbe na Betel ƒomea be: \"Ŋdi na mi katã.\" Gake hafi wòayi aɖanɔ anyi ɖe enɔƒe la, esi akpe heɖe gbeƒã dzidzɔtɔe be: \"Dukɔwo Ƒe Azã la wu enu; woƒe fiawo ƒe ŋkekewo vɔ.\" Nya siawo na nèkpɔ dzidzɔ ale gbegbe, elabena ɣeyiɣi didi aɖee nye ema nènɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi vevi ma. Dzidzɔnya sia na mia kple Betel ƒomea me tɔ susɔeawo katã mietsɔ dzidzɔ si akpe kplokplokplo eteƒe mekɔ o.\nƑe gbogbo aɖewoe nye esia va yi tso esime Nɔviŋutsu Russell gblɔ nya ʋãme mawo. Nu kawoe Fiaɖuƒea wɔ tso ɣemaɣi va se ɖe fifia? Wosɔ gbɔ ale gbegbe! Yehowa to Fiaɖuƒea dzi le asi trɔm le eƒe amewo ŋu hele hehe nam wo vivivi, si wɔe be wodzi ɖe edzi tso ame akpe ʋɛ siwo wonye le ƒe 1914 me dzi va ɖo miliɔn adre kple afã kple edzivɔwo fifia. Mɔ kawo nue hehe sia le vi ɖem na wò ŋutɔ le?\nEgbea, míesenɛ mía nɔvi aɖewo gblɔna be, \"Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam la le zɔ ɖem!\" eye esia nye nyateƒe. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, tso ƒe 1914 me la, dziƒotasiaɖam sia, si le tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si womekpɔna kple ŋku o la, le du dzi sesĩe ŋutɔ, eye míakpɔ esia ƒe kpeɖodzi le agbalẽ sia me. Esi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo di be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me godoo ta la, wozã mɔnu vovovowo le dɔ sia wɔwɔ me, siwo dometɔ aɖewoe nye nyadzɔdzɔgbalẽwo, gbɔlɔlɔwo, fotoɖeɖefiawo, ɖaseɖigbalẽviwo, agbaƒomɔ̃wo, radiowo, kple Internet hã.\nYehowa le yayram ɖe dɔa dzi eye fifia, míete ŋu le Biblia srɔ̃gbalẽ dzeaniwo tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 670 me hemaa wo na amewo femaxee. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa hele asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo siaa me. Eye ne afɔkuwo dzɔ la, lɔlɔ̃ ʋãa mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo wotsona kpla ɖanaa kpekpeɖeŋu le nuto siwo me afɔkua dzɔ le hetoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewotrɔna \"dzɔa ame nɔvi le hiã me\" vavã.\nOsɔfowo kple tsitretsiɖeŋula bubuwo dina ɣeaɖewoɣi be 'yewoazã se atsɔ awɔ fu' mí, gake edoa ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ ne míekpɔe be enuenu la, ɖeko woƒe tsitretsiɖeŋu siawo \"na be nya nyui la va ɖe zɔ yi ŋgɔ boŋ.\"\nBubue wònye na mí be míele dɔ wɔm aduadu kpli mi hati \"aƒemesubɔviwo.\" Ka ɖe edzi be míelɔ̃ mia dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míele gbe dom ɖa be agbalẽ sia me nyawo nakpe ɖe ŋuwò nàgade asixɔxɔ gbɔgbɔmedomenyinu si su asiwò la ŋu ɖe edzi fifia wu tsã.\nMíeɖo míaƒe lɔlɔ̃gbedonamewo ɖe wò\nNɔviwòwo,\nYehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/d%C9%94dzikp%C9%94ha-l%C9%9Bta\/","date":"2018-01-18T18:45:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887535.40\/warc\/CC-MAIN-20180118171050-20180118191050-00402.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987255335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987255334854126}","num_words":494,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi?\nYesu ƒe kua ye nye nudzɔdzɔ vevitɔ le ŋutinya me—nu si tae nye be, ɖe wòku be yeana amegbetɔwo ƒe agbe naganɔ abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Esi wowɔ amegbetɔwo la, nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe didi menɔ wo me o, eye womewɔ wo hã be woadze dɔ alo woaku o. (1 Mose 1:31) Ke hã, ame gbãtɔ, Adam, ye na nu vɔ̃ va xexea me. Gake Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.—Xlẽ Mateo 20:28; Romatɔwo 6:23.\nMawu lɔ̃ mí ale gbegbe be wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta. (1 Yohanes 4:9, 10) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woanɔ wɔna bɔbɔe aɖe si me woazã abolo kple wain le la wɔm atsɔ anɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Ne míewɔnɛ alea ƒe sia ƒe la, míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe Mawu kple Yesu siaa lɔ̃ míi la ŋu.—Xlẽ Luka 22:19, 20.\nAme kawoe dze aɖu abolo la ahano wain la?\nEsime Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi la, eƒo nu tso nubabla aɖe hã ŋu. (Mateo 26:26-28) Nubabla sia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo kple eyomedzela bubu aɖewo be woava zu fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu le dziƒo. Togbɔ be ame miliɔn geɖe ye dea Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodziwɔnaa teƒe hã la, ame siwo le nubabla ma me koe ɖua aboloa henoa wain la.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150301\/yesu-abolo-wain\/","date":"2018-01-18T18:45:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887535.40\/warc\/CC-MAIN-20180118171050-20180118191050-00402.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983893633,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983893632888794}","num_words":248,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE NÀWƆ?\nKpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Heather kple Mike nya wo nɔewo ɣleti eve koe nye esia, gake ewɔna na Heather abe ƒe gbogbo aɖewoe nye esia wònyae ene. Woŋlɔa nu na wo nɔewo le asitelefon dzi ɣesiaɣi, woɖoa dze le telefon dzi gaƒoƒo geɖewo, eye ne wole dze ɖom la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu wua nɔvia ƒe nyagbɔgblɔwo nu gɔ̃ hã! Gake dzeɖoɖo dzro megasu na Mike o.\nLe ɣleti eve siwo va yi me la, Mike kple Heather léa asi na wo nɔewo eye wogbugbɔa nu na wo nɔewo vie ko. Heather ya medi be yewoagawɔ nu bubu aɖeke wu ema o. Gake medi hã be Mike nage le ye si o. Ame aɖeke mekafunɛ be edze tugbe hele etɔxɛe de Mike nu o. Egblɔ na eɖokui be 'Nye kple Mike míelɔ̃ mía nɔewo, eye . . . '\nNe ètsi adze zɔzɔ kple ame aɖe gɔme eye wò nɔnɔmea sɔ kple Heather tɔ la, nu kae nàwɔ?\nTƆ NÀBU EŊU KPƆ!\nNe èdzo kpo le ati dzi be yeadzo le yame abe xevi ene la, àkpɔ emetsonua. Nenema ke koe wòle ne èda le agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo hã dzi. Esiawo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Miatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu\" alo matrewɔwɔ.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.\nNu kae ado tso eme ne èda se ma dzi? Biblia gblɔ be: \"Ame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la le nu vɔ̃ wɔm ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.\" (1 Korintotɔwo 6:18) Aleke nya sia nye nyateƒee?\nNumekulawo kpɔe be nu siwo gbɔna la dometɔ ɖeka alo esiwo wu nenema dzɔna ɖe sɔhɛ siwo wɔa matre la dzi.\nWOXAA NU. Sɔhɛ siwo wɔ matre la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ emegbe be nu si yewowɔ la va ve yewo vevie.\nWOMEGAKANA ÐE WO NƆEWO DZI O. Ne wodɔ wo nɔewo gbɔ vɔ la, ame eveawo dometɔ ɖe sia ɖe va nɔa eɖokui biam be: 'Ame bubu ka gbɔe wògadɔ?'\nMƆKPƆKPƆ BUNA ÐE WO. Nyɔnuvi geɖewo dia ame si akpɔ wo ta, ke menye ame si azã wo o. Ŋutsuvi geɖewo gblɔ be nyɔnuvi siwo ɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu na yewo ƒe nu megadzɔa dzi na yewo ale o.\nNya vevitɔ: Ne mèkpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o, gake nèdɔ kple ame aɖe, si fia be èwɔ matre la, ke èɖe ɖokuiwò dzi kpɔtɔ esi nètsɔ nu xɔasi aɖe si le asiwò la da kaɖigbegbe alo gblẽ edome. (Romatɔwo 1:24) Wò ŋutilã xɔ asi ŋutɔ eya ta mègatsɔe da kaɖigbegbe o.\nÐee fia be ŋutete le ye si be yeatsri \"gbɔdɔdɔ manɔsenu.\" (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Ekema ne èva ɖe srɔ̃ emegbe la, àte ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me faa. Àse vivi nɛ bliboe. Àvo tso dzimaɖitsitsi, nuxaxa kple dediemanɔmanɔ siwo tsoa matrewɔwɔ, si fia gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, me la si me.—Lododowo 7:22, 23; 1 Korintotɔwo 7:3.\nNU KAE NÈSUSU?\nÐe ame si lɔ̃ wò ŋutɔŋutɔ ade wo ŋutilã kple seselelãme afɔku mea?\nÐe ame si tsɔa ɖe le eme na wò vevie la aƒoe ɖe nuwò be nàwɔ nu si agblẽ wò kple Mawu domea?—Hebritɔwo 13:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo-nya\/nu-kae-maw%C9%94-ne-wots%C9%94-gb%C9%94d%C9%94d%C9%94-le-fu-%C9%96em-nam\/","date":"2018-02-18T08:57:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891811795.10\/warc\/CC-MAIN-20180218081112-20180218101112-00703.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979757071,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979757070541382}","num_words":499,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2014\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 1 va se ɖe 28, 2014 la le tata sia me.\nAme siwo ʋu tso dukɔ bubuwo me va le gbeƒã ɖem le Pacific Ƒukpowo la doa go kuxi etɔ̃ aɖewo zi geɖe. Aleke Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo wɔ ɖu kuxi mawo dzi?\nAleke 'gɔmeɖoanyi' kple 'nutrenu' siwo ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 2:\nAleke nya siwo nye 'mite ɖa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ' do ƒome kple Mose ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔ aɖewoe? Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ mawo me?\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ Gerrit Lösch, si nye Dɔdzikpɔha la me tɔ, ƒe agbemeŋutinya.\nNu kae wòfia be ame nanye Yehowa ƒe Ðasefo?\nNu ka tae Yesu gblɔ be \"mianye nye ɖasefowo\" ke menye Yehowa ƒe ɖasefowo o? Nu kae ana dzi nanɔ mía ƒo le ɖaseɖiɖidɔa me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140715\/","date":"2018-02-24T06:52:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815435.68\/warc\/CC-MAIN-20180224053236-20180224073236-00367.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985927343,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998592734336853}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David wɔ nu vɔ̃ gake agate ŋu ahaya le gbɔgbɔ me\nHafi wòatrɔ dzi me ahaʋu eƒe nu vɔ̃a me la, eƒe dzitsinya menana wòvona o\nMawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe eŋu na wòse veve helĩhelĩ eye wòse le eɖokui me be yeƒe ƒuwo gbã gudugudu\nEdi vevie be Mawu natsɔe ake ye, yeahaya le gbɔgbɔ me, eye yeagakpɔ dzidzɔ si yekpɔna tsã\nEɖe kuku na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe be wòade toɖoɖo eyama ƒe didi ye me\nEka ɖe edzi be Yehowa atsɔe ake ye","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june20-26\/dzi-si-gb%C3%A3-le-nu-xam\/","date":"2018-02-19T22:29:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812841.74\/warc\/CC-MAIN-20180219211247-20180219231247-00785.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977671504,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977671504020691}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Farisitɔwo dina be nu sia nu si wɔm yewole la nadze amewo ŋu. Ne wowɔ nu nyui aɖe la, wodina be ame sia ame nakpɔe. Wodoa gbe ɖa le gaglãgbe be amewo katã nakpɔ yewo. Farisitɔwo srɔ̃a gbedodoɖa legbeewo ɖe ta me eye wodoa gbe mawo ɖa le ƒuƒoƒewo kple mɔwo ƒe dzogoewo dzi, afi si amewo ate ŋu ase wo ŋkɔ le. Eya ta ewɔ nuku na ameawo esi Yesu gblɔ na wo be: 'Migado gbe ɖa abe Farisitɔwo ene o. Wosusu be Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe yewoƒe nya gbogboawo ŋu, gake mekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu o. Gbedodoɖa nye miawo kple Mawu dome nya. Miganɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm o. Yehowa di be nàgblɔ wò dzimenyawo ŋutɔŋutɔ na ye.\n'Miawo mido gbe ɖa ale: \"Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.\"' Yesu gagblɔ na wo be woado gbe ɖa abia woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu, woabia be woatsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewo, eye woabia woƒe nuhiahiã bubuwo hã.\nYesu gblɔ be: 'Migadzudzɔ gbedodoɖa o. Miyi edzi mianɔ mia Fofo, Yehowa biam be wòana nu nyuiwo mi. Dzila ɖe sia ɖe di be yeana nu nyuiwo ye vi. Ne viwò bia abolo wò la, ɖe nàtsɔ kpe nɛa? Ne ebia tɔmelã la, ɖe nàtsɔ da nɛa?'\nEmegbe Yesu gblɔ nufiame si le eme la be: 'Ne mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo Yehowa, mana gbɔgbɔ kɔkɔe mi oa? Nu si miawɔ koe nye be miabia.' Ðe nèwɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzia? Nu kawoe nèdoa gbe ɖa biana?\n\"Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.\"—Mateo 7:7","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/yesu-fia-ale-si-woado-gbe-%C9%96a\/","date":"2018-02-22T23:21:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814292.75\/warc\/CC-MAIN-20180222220118-20180223000118-00567.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989808798,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989808797836304}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu ƒe gbedoxɔ si nɔ Israel tutu bia dɔ sesẽ wɔwɔ kple ga geɖe. Ke hã, Israel-viwo tsɔ dzonɔameme kpe asi ɖe dɔa ŋu. (1Kr 29:2-9; 2Kr 6:7, 8) Esi wowu gbedoxɔa nu la, ale si Israel-viwo lé be nɛ ɖee fia nenye be wotsɔa mawusubɔsubɔ nu vevii alo wometsɔnɛ nu vevii o. (2Fi 22:3-6; 2Kr 28:24; 29:3) Egbea la, Kristotɔwo zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu, wo dzadzraɖo, kple beléle na wo ŋu. Eya ta dɔwɔwɔ kple Yehowa le mɔ siawo nu nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe, eye wònye míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe.—Ps 127:1; Nyɖ 7:15.\nMÍATE ŊU AKPƆ GOME LE DƆ SIAWO ME NE . . .\nMíedzraa akpataa me ɖo le kpekpe ɖe sia ɖe megbe. Ne nɔnɔmea maɖe mɔ na wò be nàkpɔ gome le eme o la, fɔ nu siwo ge ɖe afi si nènɔ anyi ɖo la.\nMíekpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo kple beléle nɛ ƒe dɔ siwo yia edzi la ŋu. Ne ame geɖe kpe asi ɖe dɔa ŋu la, enana be dɔa wɔwɔ nɔa bɔbɔe eye wòvivina.\n—lv 92-93 mm. 18.\nNe míenaa gakpekpeɖeŋu. \"Gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ\" dzɔdzɔ tso dzi me dzea Yehowa ŋu.—Mr 12:41-44.\nÈtsɔa ɖokuiwò nana be nàkpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu ne wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò. Mehiã be xɔtuɖaŋu nanɔ asiwò kokoko hafi nàte ŋu akpe asi ɖe dɔ siawo ŋu o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan4-10\/tadeagu%C6%92ewo\/","date":"2018-03-22T06:23:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647777.59\/warc\/CC-MAIN-20180322053608-20180322073608-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968577027,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968577027320862}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èkpɔ nyɔnuvi si le nɔnɔmetataa mea?— Fofoa ŋkɔe nye Yefta. Biblia meyɔ nyɔnuvi sia ƒe ŋkɔ na mí o, gake míenya be ena fofoa kple Yehowa kpɔ dzidzɔ. Na míasrɔ̃ nu tso nyɔnuvi sia kple fofoa Yefta ŋu.\nAme nyui aɖee Yefta nye. Yefta zãa ɣeyiɣi gbogbowo tsɔ fiaa nu via tso Yehowa ŋu. Ŋutsu sesẽ aɖee Yefta nye eye wònye aʋakplɔla nyui hã. Eya ta Israel-viwo gblɔ nɛ be wòakplɔ yewo yewoawɔ aʋa kple yewoƒe futɔwo.\nYefta do gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi. Edo ŋugbe be ne yeɖu dzi la, yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava do go ye ne yetrɔ gbɔna aƒe me la ana Yehowa. Ame sia anɔ Mawu ƒe avɔgbadɔ me eye wòawɔ dɔ le afi ma eye magagbɔ va edzilawo gbɔ o. Avɔgbadɔa nye teƒe si amewo yina va subɔa Mawu le le blema. Ènyaa, Yefta ɖu aʋa dzi! Esi wòtrɔ gbɔna aƒe me la, ènya ame gbãtɔ si do go tso eƒe aƒe me va do goea?—\nƐ̃, Yefta vinyɔnua ye! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Fifia ele be Yefta nana via nava subɔ le avɔgbadɔ me. Esia na Yefta lé blanui. Gake ɖo ŋku edzi be edo ŋugbe na Yehowa. Via nyɔnuvia gblɔ zi ɖeka be: 'Papa, èdo ŋugbe na Yehowa, eya ta ele be nàwɔ ɖe edzi.'\nYefta vinyɔnua hã lé blanui. Ne eva le avɔgbadɔa me la, mate ŋu aɖe srɔ̃ o, eye mate ŋu adzi vi hã o. Gake Yefta via di vevie be yeawɔ ɖe ye fofo ƒe ŋugbedodoa dzi eye yeana dzi nadzɔ Yehowa. Fofoa ƒe ŋugbedodoa dzi wɔwɔ nɔ vevie nɛ wu be wòaɖe srɔ̃ alo adzi vi. Eya ta edzo le fofoa ƒe aƒe me yi avɔgbadɔa me eye megagbɔ va edzilawo gbɔ o.\nÈsusu be ena dzi dzɔ Yehowa kple fofoa siaa?— Ɛ̃, ena dzi dzɔ wo ŋutɔ! Ne èɖoa to Yehowa eye nèlɔ̃e la, wò hã àte ŋu anɔ abe Yefta vinyɔnua ene. Eye wò hã ana dziwòlawo kple Yehowa nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/yefta-viny%C9%94nua-na-fofoa-kple-yehowa-kp%C9%94-dzidz%C9%94\/","date":"2018-03-20T09:41:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647327.52\/warc\/CC-MAIN-20180320091830-20180320111830-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957107902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957107901573181}","num_words":339,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU SI XƆ ƑE WUIEVE LA BIA NYA NUFIALAWO\nYESU YƆ YEHOWA BE \"FOFONYE\"\nAdame ɖo. Eya ta ɣeyiɣia de na Yosef kple eƒe ƒomea, hekpe ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ŋu be woazɔ mɔ ayi Yerusalem, abe ale si wowɔnɛ ƒe sia ƒe ene. Woyia afi ma ɖaɖua Ŋutitotoŋkekenyuia, abe ale si Sea bia ene. (5 Mose 16:16) Mɔ si woazɔ tso Nazaret ayi Yerusalem la anɔ kilometa 120. Enye dzidzɔɣi si me dɔ geɖe wɔwɔ yia edzi le. Fifia Yesu xɔ ƒe 12, eye ele mɔ kpɔm vevie na ŋkekenyui sia si ana mɔnukpɔkpɔ nagasu esi be wòayi gbedoxɔa me.\nLe Yesu kple eƒe ƒomea gome la, Ŋutitotoŋkekenyuia menye ŋkeke ɖeka ko ƒe nuwɔna o. Ŋkeke si kplɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ɖo lae nye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la. (Marko 14:1) Wobunɛ be enye Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe. Mɔzɔzɔ tso wo ƒe me le Nazaret ayi Yerusalem, woƒe afi ma nɔnɔ kple tɔtrɔ gbɔ la katã xɔna abe kwasiɖa eve ene. Gake le ƒe sia me ya la, nya aɖe si ku ɖe Yesu ŋu la na wonɔ anyi wòdidi wu. Kuxi aɖe si do mo ɖa esime wotrɔ tso Yerusalem yina aƒe lae na wòva yi nenema.\nLe mɔzɔzɔa me la, Yosef kple Maria susui be Yesu le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe ƒuƒoƒo siwo katã le mɔa zɔm yina dziehe gome la dome. Gake esi woɖo afi si woatsi adɔ la, womekpɔe o. Eya ta wodze edidi gɔme le woƒe zɔhɛ siwo le mɔa zɔm la dome, ke womekpɔe o. Wodi wo via ʋuu do kpoe. Eya ta Yosef kple Maria gbugbɔ yi Yerusalem yi edi ge le afi ma.\nWodii ŋkeke blibo ɖeka, gake womekpɔe o. Ŋkeke evelia hã womekpɔe o. Mlɔeba le ŋkeke etɔ̃agbe la, woke ɖe eŋu le gbedoxɔa, si me xɔ gbogbowo le la me. Wokpɔ Yesu wònɔ Yuda nufiala aɖewo dome. Enɔ to ɖom wo, nɔ nya biam wo eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese ŋuti.\nMaria biae be: \"Vinye, nu ka ŋuti nèwɔ nu ɖe mía ŋu alea? Kpɔ ɖa, nye kple fofowò míetsi dzi di wò ʋuu.\"—Luka 2:48.\nEwɔ nuku na Yesu be womenya afi si woakpɔ ye le o. Ebia wo be: \"Nu ka tae miele diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me oa?\"—Luka 2:49.\nEsi woke ɖe Yesu ŋu azɔ la, eya kple Yosef kpakple Maria wotrɔ yi aƒe le Nazaret, eye Yesu yi edzi bɔbɔ eɖokui na wo. Eyi edzi nɔ tsitsim, eye eƒe nunya hã nɔ dzidzim ɖe edzi. Togbɔ be ɖevi ko wòganye hã la, eƒe nu nyo Mawu kple amewo ŋu. Ɛ̃, tso Yesu ƒe ɖevime ke la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi, menye le gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ me ko o, ke le edzilawo bubu hã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/%C6%92omea-z%C9%94-m%C9%94-yi-yerusalem\/","date":"2018-03-18T17:11:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645830.10\/warc\/CC-MAIN-20180318165408-20180318185408-00213.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987778664,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987778663635254}","num_words":451,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le zã aɖe me la, Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe si na wòvɔ̃. Drɔ̃e la na wòtɔtɔ ale gbegbe be mete ŋu dɔ alɔ̃ o. Eyɔ eƒe afakalawo eye wògblɔ na wo be: 'Miɖe drɔ̃e si meku la gɔme nam.' Wogblɔ nɛ be: 'Oo fia lĩ drɔ̃e si nèku la na mí.' Gake Nebukadnezar gblɔ na wo be: 'Gbeɖe! Milĩ drɔ̃e la nam, ne menye nenema o la, mawu mi.' Wogagblɔ nɛ be: 'Lĩ drɔ̃e si nèku la na mí, eye míaɖe egɔme na wò.' Fia la gblɔ be: 'Ðeko miedi be yewoablem. Milĩ drɔ̃ea nam.' Wogagblɔ na fia la be: 'Ame aɖeke mele xexe sia me si ate ŋu awɔ nu sia o. Nu si biam nèle la manya wɔ o.'\nDzi ku Nebukadnezar vevie ale be wòɖe gbe be woawu nunyalawo katã. Esia fia be woawu Daniel, Sadrak, Mesak kple Abednego hã. Daniel bia be fia la nana ɣeyiɣi vi aɖe ye. Emegbe eya kple exɔlɔ̃awo do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Nu kae Yehowa wɔ?\nLe ŋutega aɖe me la, Yehowa ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea fia Daniel eye wòɖe eme nɛ. Esi ŋu ke la, Daniel yi fia ƒe subɔvi gbɔ eye wògblɔ nɛ be: 'Mègawu nunyalawo dometɔ aɖeke o. Mate ŋu aɖe fia ƒe drɔ̃ea gɔme.' Subɔvia kplɔ Daniel yi Nebukadnezar gbɔ. Daniel gblɔ na fia la be: 'Mawu ɖe nu si adzɔ le etsɔme la fia wò. Drɔ̃e si nèku lae nye esi: Èkpɔ legba gã aɖe si ƒe ta nye sika, eƒe akɔta kple abɔwo nye klosalo, eƒe ƒodo kple atawo nye akɔbli, eƒe afɔwo nye gayibɔ, eye eƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Woka kpe aɖe tso to aɖe dzi wòva dze legba la ƒe afɔbayaa dzi. Legba la gbã gudugudu eye ya kplɔe dzoe. Kpea zu to gã aɖe hexɔ anyigba la dzi.'\nEye Daniel gblɔ be: 'Drɔ̃e si nèku la gɔmee nye esi: Wò fiaɖuƒe lae nye legbaa ƒe ta si nye sika la. Klosalo la nye fiaɖuƒe si ava ɖe yowòme. Emegbe fiaɖuƒe bubu ava si anɔ abe akɔbli ene, eye aɖu anyigba bliboa dzi. Fiaɖuƒe si ava ɖe eyome la asesẽ abe gayibɔ ene. Fiaɖuƒe si ava mlɔeba la, ama ɖe eve, akpa aɖewo asesẽ abe gayibɔ ene eye akpa bubuwo masesẽ o abe tsu ene. Kpe si va zu to lae nye Mawu Fiaɖuƒea. Agbã fiaɖuƒe siawo katã eye wòanɔ anyi tegbee.'\nNebukadnezar tsyɔ mo anyi ɖe Daniel ŋkume. Egblɔ be: 'Wò Mawu lae ɖe drɔ̃e sia fia wò. Mawu bubu aɖeke mesɔ kplii o.' Nebukadnezar mewu Daniel o ke boŋ etsɔe ɖo nunyalawo katã ƒe tatɔe eye wòɖu Babilon nutoa katã dzi. Èkpɔ ale si Yehowa ɖo gbe si Daniel do ɖa la ŋua?\n\"Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe si woyɔna le Hebrigbe me be, Armagedon.\"—Nyaɖeɖefia 16:16","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/nebukadnezar-dr%C9%94%CC%83e-legba\/","date":"2018-03-22T14:51:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647885.78\/warc\/CC-MAIN-20180322131741-20180322151741-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979733229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979733228683472}","num_words":465,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le July 2013 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefo 28 siwo le Brazil zɔ mɔ tso du si woyɔna be São Félix do Xingu me yi Indiatɔ Kayapowo kple Yurunawo ƒe nuto me. Wotsɔ tɔdziʋu si ƒe didime nye meta 15 zɔ mɔ to Xingu Tɔsisi si sina kilometa 2,092 yia dziehe ɖadea nu Amazon Tɔsisia me la dzi.\nYehowa Ðasefo siawo yi teƒe mawo be yewoaɖaɖe gbeƒã na kɔƒe siwo le tɔsisia to la me tɔwo. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wova ɖo kɔƒe si woyɔna be Kokraimoro la me. Kɔƒea me tɔwo xɔ wo kple dzidzɔ hewɔ amedzro na wo. Nyɔnu aɖe si wodo go la nɔ asi wɔm na wo vevie. Afi ma tɔ aɖe si nɔ mɔ fiam amedzroawo la ɖe eme na wo be \"eƒe asiwɔwɔa fia be: 'Mi katã miva. Míedi be míadze si mi katã!' \"\nÐasefoawo ɖo dze kple ame sia ame, woɖo dze kple ame aɖewo le Portugalgbe me, eye wowɔ asi kple dzesi na ame aɖewo hã. Nɔnɔmetata nyakpɔ siwo le Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wotsɔ ɖe asi me la ɖe vi ŋutɔ, kɔƒeawo me tɔwo xɔ agbalẽwo, vevietɔ agbalẽ gbadza si nye Ðo To Mawu.\nGerson, si nye mɔɖela vevi le São Félix do Xingu, gblɔ ale si kɔƒea me tɔ aɖe xɔ agbalẽ si nye Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ale: \"Elé ŋku ɖe eŋu eye wòvàe goŋgoŋ kple alɔ eve; medi be yeatsɔe da ɖi aɖabaƒoƒo ɖeka teti hã o.\"\nYehowa Ðasefowo na agbalẽ, magazine kple agbalẽ gbadza siwo ade 500 kɔƒe siwo le tɔsisia to me tɔ siwo kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Le Kawatire la, kɔƒea me tɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋugbe si Biblia do be anyigba ava zu paradiso la ŋu ŋutɔ. Tonjaikwa Kayapo, si nye Indiatɔ amedzrowɔla aɖe, gblɔ be: \"Paradisomenɔlawo ƒe nuwɔna anɔ ko abe mía tɔ ene.\"\nSão Félix do Xingu me tɔ geɖewo se nu tso mɔzɔla siawo ƒe mɔzɔzɔa ŋu. Simone, si nye mɔzɔla siawo dometɔ ɖeka gblɔ be yewo detɔ aɖewo gblɔ be yewomeka ɖe edzi be kɔƒeawo me tɔwo aɖe mɔ na wo woage ɖe woƒe kɔƒeawo me o. Gake ɖeko nu sia nu yi nyuie. Simone gblɔ be: \"Woxɔ mí nyuie, eye míeɖe gbeƒã na ame sia ame.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-le-xingu-t%C9%94sisia-to\/","date":"2018-03-23T07:39:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257648198.55\/warc\/CC-MAIN-20180323063710-20180323083710-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982703328,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982703328132629}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2013\nTata sia dzro ale si míayi edzi anɔ kɔkɔe be Mawu nazã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me, ale si míawɔ be míagava nɔ fɔ bum Mawu ɖe míaƒe kuxiwo ta o, kpakple ale si míawɔ akpe akɔ kple dziɖeleameƒo.\nKpɔ nu vevi ene siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ kɔkɔe be Yehowa nazã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me.\nÐe wòasɔ be dzila Kristotɔ kple via si woɖe le ha me nanɔ teƒe ɖeka le hame ƒe kpekpewo mea?\nAGBEMEŊUTINYA\nTogbɔ be lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na nɔvinyɔnu aɖe si tso Namibia hã la, nu kae kpe ɖe eŋu wòle subɔsubɔm dzidzɔtɔe abe mɔɖela ene ƒe 20 kple edzivɔe nye esia?\nAme aɖewo do dziku ɖe Mawu ŋu le woƒe dzi me. Wobua fɔe ɖe woƒe kuxiwo ta. Aleke míawɔ aƒo asa na mɔ̃ sia?\nƔekaɣie wòle be woadze ɖeviwo hehe gɔme? Nu kae hehenana sia bia?\nAleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu be míasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ne kuxiwo ɖe kpe na mí gɔ̃ hã?\nSatana medi be míawɔ nu si dzea Mawu ŋu o. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ta?\nXɔse sẽŋu nɔ Elisa si eye wòka ɖe Yehowa dzi bliboe. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nKpɔ ale si Swaziland fia aɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ ŋui ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130815\/","date":"2018-03-23T07:38:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257648198.55\/warc\/CC-MAIN-20180323063710-20180323083710-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956616759,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956616759300232}","num_words":234,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ nusi le dzɔdzɔm azɔ la ɖa. Wonyã Adam kple Xawa tso Eden-bɔ nyui la me. Ènya nusitaea?\nEsi wowɔ nu gbegblẽ aɖe tae. Eyata Yehowa le to hem na wo. Ènya nu gbegblẽ, si Adam kple Xawa wɔa?\nWowɔ nane, si Mawu gblɔ be womegawɔ o. Mawu gblɔ be woate ŋu aɖu abɔmetiawo ƒe tsetse. Ke Mawu gblɔ be womegaɖu ati ɖeka aɖe ƒe tsetse o; ne woɖui la, woaku. Mawu ɖo ati ma ɖi wònye eya ŋutɔ tɔ. Ðe míenyae be ne ame tsɔ nane, si nye ame bubu tɔ la enye nuvɔ̃ oa? Ke nukae va dzɔ?\nGbeɖeka esi Xawa le abɔa me la, da aɖe ƒo nu nɛ. Bu ema ŋu kpɔ! Egblɔ na Xawa be wòaɖu ati, si Mawu gblɔ na wo be womegaɖu eƒe tsetse o la. Evɔ la, esi Yehowa wɔ dawo la, mewɔ wo be woate ŋu aƒo nu o. Eyata esia fia ko be ame aɖee na da la le nu ƒom. Amekae?\nMenye Adam ye o. Eyata anye amesiwo Yehowa wɔ gbaɖegbe ʋĩ ke hafi wɔ anyigba la dometɔ ɖekae. Ame mawo nye mawudɔlawo, eye míate ŋu akpɔ wo o. Mawudɔla sia va zu dadala aɖe. Ede asi tamebubu me be ele be yeanye dziɖula abe Mawu ene. Eye edi be amewo naɖo to ye wu Yehowa. Eyae nye mawudɔla, si na da la ƒo nu.\nMawudɔla sia te ŋu flu Xawa. Esi wògblɔ nɛ be ne eɖu atia ƒe tsetse la azu abe Mawu ene la, nyɔnua xɔe se. Eyata eɖui eye Adam hã ɖui. Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu; ema tae wobu woƒe aƒe, si nye abɔ nyui ma.\nGake gbaɖegbe la, Mawu akpɔ egbɔ be woawɔ anyigba bliboa katã wòanya kpɔ abe Eden-bɔ la ene. Emegbe míasrɔ̃ alesi nàte ŋu akpe asi ɖe ewɔwɔ alea ŋui. Gake fifia na míakpɔ nusi dzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/paradiso-bu\/","date":"2018-04-21T06:39:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00551.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978964925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978964924812317}","num_words":313,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi tomenukulawo ƒe ha aɖe nɔ tsatsam le agado globowo kple kpetowo me le Yuda gbedzi la, wova ke ɖe kpeto aɖe si le agakpe kɔkɔ aɖe si dzɔ kã ŋu la ŋu. Ðe woake ɖe nu xɔasi aɖe ŋu le afi ma, abe blemanuwo alo asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ene, abe ale si wònɔ le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo gome enea? Ewɔ nuku na wo ŋutɔ esi wova ke ɖe nu xɔasi gbogbo aɖewo, siwo wova na ŋkɔe emegbe be Nahal Mishmar kesinɔnu ɣaɣlawo, ŋu le kpetoa me.\nWOKE ɖe nu siawo siwo wobla ɖe aƒlaba me tsɔ ɣla ɖe ʋe aɖe me le kpetoa me la ŋu le March 1961 me. Wonye nu vovovo siwo wu 400, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye akɔblinuwo. Nuawo dometɔ aɖewo nye fiakukuwo, fiatikplɔwo, dɔwɔnuwo, gatikplɔwo kple aʋawɔnu bubuwo. Biblia xlẽlawo tsɔ ɖe le nu siwo ŋu woke ɖo la me vevie, elabena Biblia gblɔ le 1 Mose 4:22 tso Tubalkain ŋu be 'enye akɔbli kple ga ŋu dɔwɔla.'\nNu geɖe li si numekulawo menya tso afi si kesinɔnu ɣaɣla mawo tso va le afi ma ŋu o. Ke hã ne mede ɖeke o la, nufɔfɔ sia na míenya be akɔblikuku kple eŋudɔwɔwɔ nye dɔ nyanyɛ le dukɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la me tso blema ke.\nAKƆBLIKUƑEWO LE ŊUGBEDODONYIGBAA DZI\nEsi wòsusɔ vie Israel viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose gblɔ na wo be: 'Miaku akɔbli le anyigba la ƒe towo dzi.' (5 Mose 8:7-9, NW) Blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖe tomenukuƒe kple galóloƒe geɖewo ŋu le Israel kple Jordan nyigba dzi le duwo abe Feinan, Timna kple Khirbat en-Nahas ene me. Nu kae teƒe mawo siwo ŋu woke ɖo la ɖe fia?\nƲe siwo me tomenukulawo ku akɔbli le ƒe geɖe, ne mede ɖeke o la, ade ƒe 2,000 ya teti la sɔ gbɔ ɖe Feinan kple Timna nyigbawo dzi fũu. Egbea gɔ̃ hã la, ne ame aɖe yi teƒe mawo la, ate ŋu akpɔe be kpe siwo me woɖea akɔbli le ƒe kakɛwo, siwo me amadede gbemumu le ŋɔtaŋɔta la kaka ɖe teƒeteƒewo. Blema-kɔblikulawo tsɔa dɔwɔnu siwo wotsɔ kpe wɔ la gbãa agakpewo kutrikukutɔe heɖea akɔbli tso wo me. Ne woɖe esiawo vɔ la, wotsɔa gadɔwɔnuwo kua agakpeawo me yia ŋgɔe, wokekea kpetowo ɖe edzi eye woɖea do globowo kple mɔ legbeewo ɖe agakpewo tome. Biblia gbalẽ si nye Hiob la ƒo nu tso tomenukuku ƒe mɔnu siawo ŋu. (Hiob 28:2-11) Dɔ sesẽ ŋutɔ wònye; eye le nyateƒe me la, tso ƒe alafa etɔ̃lia va ɖo atɔ̃lia Mía Ŋɔli me la, Roma fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖumegãwo nana nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo kple gamenɔla bubuwo wɔa dɔ le Feinan ƒe akɔblikuƒewo.\nWoke ɖe nu siwo tsiaa anyi ne woɖe akɔbli le tomenuawo me vɔ, siwo woli kɔ ɖi gleglegle, la ŋu le Khirbat en-Nahas (si gɔmee nye \"Akɔblikuƒe Ðiaƒedo\"), si ɖee fia be wolóloa akɔbli le agbɔsɔsɔ gã aɖe me le afi ma tsã. Numekulawo xɔe se be tomenukuƒe siwo tsɔ afi ma gbɔ, abe Feinan kple Timna ene, ye wokua tomenu siwo me woɖea akɔbli le la tsoe va lólona le teƒe sia. Hafi woate ŋu aɖe akɔbli le tomenuawo me la, wozãa dzogbɔnu ƒomevi vovovowo tsɔ ƒlɔa dzo ɖe dzoka xɔxɔwo te gaƒoƒo enyi va ɖo ewo, va se ɖe esime dzoxɔxɔa ɖoa dzidzenu Celsius 1,200 sɔŋ. Zi geɖe la, ne woƒlɔ dzo ɖe tomenu kilogram 5 te la, woɖea akɔbli kilogram 1 tsoa eme, eye akɔblitulawo zãnɛ tsɔ tua nu vovovowoe.\nAKƆBLI ŊU DƆ WƆWƆ LE BLEMA ISRAEL\nEsime Israel viwo nɔ Sinai-Toa gbɔ la, Yehowa Mawu gblɔ na wo tẽe be woawɔ ga dadzo sia si wokuna le anyigbaa dzi la ŋu dɔ le avɔgbadɔa tutu me, eye mɔfiame mawo ke dzi wova zɔ ɖo le Yerusalem gbedoxɔa hã tutu me. (2 Mose ta 27) Anɔ eme be Israel ƒe viwo nya ganuwo tutu hafi yi Egipte loo alo wosrɔ̃ eŋudɔwɔwɔ esime wonɔ afi ma. Kaka ɣeyiɣia nade be Israel viwo naʋu le Egipte dzi la, wonya ale si woalólo ga atsɔ awɔ nyivi ƒe nɔnɔme. Azɔ hã, wote ŋu wɔ akɔblinu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ hena subɔsubɔdɔwɔwɔ le avɔgbadɔa me, abe tsileze gã la, zewo, agbawo, sofiwo kple gaflowo ene.\nEmegbe esime wonɔ tsatsam le gbeadzi la, anɔ eme be esime wova ɖo Punon (si anye egbegbe Feinan) afi si akɔbli bɔ ɖo la, dukɔa to nyatoƒoe le mana la kple tsi ƒe anyimanɔmanɔ ta. Yehowa he to na wo esi wòdɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome, eye woɖu wo wo dometɔ geɖewo ku. Esi Israel viwo trɔ dzi me la, Mose ɖe kuku ɖe wo ta, eye Yehowa gblɔ nɛ be wòawɔ akɔblida atsɔ aku ɖe ati ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Ne da ɖu ame aɖe la, ekema wòafɔ ta dzi akpɔe, ne wòatsi agbe.\"\nAKƆBLI SI ŊU DƆ FIA SALOMO WƆ\nFia Salomo zã akɔbli gbogbo aɖe tsɔ wɔ Yerusalem gbedoxɔa me nuwo. Akɔbli siawo ƒe akpa gãtɔ nye esiwo fofoa David ha esime wòɖu Aramtɔwo dzi. (1 Kronika 18:6-8) \"Gazɔ\" si wotsɔ akɔbli wɔ, si nye tsileze gã si me nunɔlawo kua tsi le lena la, xɔa tsi lita 66,000, eye eƒe kpekpeme ade tɔn 30 sɔŋ. (1 Fiawo 7:23-26, 44-46) Wowɔ akɔblisɔti kɔkɔ gã nyadri eve ɖe gbedoxɔa ƒe mɔnu. Wokɔkɔ meta 8, eye wowɔ ta si kɔkɔ meta 2.2 na wo dometɔ ɖe sia ɖe. Do le sɔtiawo me, wotri sentimeta 7.5, wokeke meta 1.7. (1 Fiawo 7:15, 16; 2 Kronika 4:17) Akɔbli agbɔsɔsɔme si gbegbe wotsɔ tu nu siawo ɖeɖe la wɔ nuku ŋutɔ.\nAme siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la zã akɔbli le woƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo hã me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso aʋawɔnuwo, kunyowuwo, haƒonuwo kple agbo siwo wotsɔ akɔbli wɔ la ŋu. (1 Samuel 17:5, 6; 2 Fiawo 25:7; 1 Kronika 15:19; Psalmo 107:16) Yesu ƒo nu tso 'akɔbliga' dede gabutu me ŋu, eye apostolo Paulo hã ƒo nu tso \"Aleksandro si nye akɔblinutula\" ŋu.\nGake biabia geɖewo gali siwo blemaduwo nɔƒe kulawo kple ŋutinyaŋlɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na ku ɖe afi si akɔblinu xɔasi siwo ŋu dɔ wowɔ le Biblia ŋlɔɣiwo tso la ŋu, eye wole didim be yewoase Nahal Mishmar kesinɔnu ɣaɣlawo ƒe ŋutinyaa hã gɔme. Ke hã nyateƒe matrɔmatrɔ si dzi Biblia ŋutinyawo ɖo kpee la gakpɔtɔ li, si nye be anyigba si ƒe dome Israel viwo nyi la nye 'anyigba nyui, si ƒe towo dzi woaku akɔbli le' vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131201\/ak%C9%94bli-tomenuku%C6%92e-blema-israel\/","date":"2018-04-24T23:29:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989479184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989479184150696}","num_words":1027,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mina wòafɔ nuku siwo tsi anyi, eye migaɖe fu nɛ o.—Rut 2:15.\nBoaz tsɔ ɖe le eme na Rut eye wòtsi dzi ɖe nɔnɔme madeamedzi si me wòle abe amedzro ene ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Boaz gblɔ nɛ be wòanɔ yeƒe ɖetugbuiawo ŋu ale be ŋutsu siwo le dɔ wɔm le agblea me nagaɖe fu nɛ o. Boaz wɔ ɖoɖo hã be Rut nakpɔ tsi kple nuɖuɖu si asu nɛ, abe eya ŋutɔ ƒe dɔwɔlawo ke ene. Gakpe ɖe eŋu la, Boaz meda nyɔnu amedzro dahe la ɖe anyi o, ke boŋ ede dzi ƒo nɛ. (Rut 2:8-10, 13, 14) Menye lɔlɔ̃ vavã si nɔ Rut si na lɔ̃xoa, Naomi, koe wɔ dɔ ɖe Boaz dzi o, ke esi wòsee be Rut zu Yehowa subɔla la, eya hã wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ vavã si le Yehowa si na Rut lae dze le ale si Boaz wɔ nu ɖe nyɔnu si 'va be ɖe Israel ƒe Mawu ƒe aʋala te' ŋui me. (Rut 2:12, 20; Lod. 19:17) Nenema kee egbea hã, ne míewɔ nu ɖe \"amewo katã ƒomevi\" ŋu dɔmenyotɔe la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woade dzesi nyateƒea kple ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ woe.—1 Tim. 2:3, 4. w16.10 1:10-12\nMedi Yehowa yome mɔ, etɔ nam. Eɖem tso nu siwo katã vɔ̃m mele la me.—Ps. 34:4.\nMíawo hã míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa, elabena míenya be aɖo to mí ahado ŋusẽ mí be míado dzi le dzidzɔ me. Eye ɣesiaɣi si míekpɔe be Mawu ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse. (1 Yoh. 5:14, 15) Esi wònye be gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖee xɔse nye ta la, ehiã be 'míanɔ' Mawu ƒe gbɔgbɔa 'biabia dzi' abe ale si Yesu de dzi ƒo na mí be míawɔe ene. (Luka 11:9, 13) Esɔ be míado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ, gake mele be míaƒe gbedodoɖawo naku ɖe kpekpeɖeŋubiabia ɖeɖe ko ŋu o. Míate ŋu ada akpe na Yehowa ahakafui gbe sia gbe ɖe eƒe 'nukudɔ siwo mele xexlẽ me o' la ta! (Ps. 40:5) Azɔ hã, ele be míaƒe gbedodoɖawo naɖee afia be míele \"ŋku ɖom ame siwo le gaxɔ me la dzi.\" Ele be míado gbe ɖa ɖe míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ta, vevietɔ \"ame siwo le ŋgɔ xɔm le [mía] dome.\" Ne míekpɔ ale si Yehowa ɖoa gbe siwo míedona ɖa kple tame ɖeka ŋui la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe!—Heb. 13:3, 7. w16.10 3:8, 9\n[Woɖe] mi to xɔse me; eye menye miawo ŋutɔwo gbɔe wòtso o; ke boŋ Mawu ƒe nunanae.—Ef. 2:8.\nLe míaƒe ŋkekea me la, Yehowa ƒe amewo xɔ nu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu dzi se. Esia wɔe be wo ame siwo wu miliɔn enyi sɔŋ va le gbɔgbɔmeparadiso me le xexea me godoo. Nu si tae nye be ame gbogbo siwo le gbɔgbɔmeparadiso sia me la ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana. (Gal. 5:22, 23) Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple xɔse ɖeɖe fia ɖedzesi ka gbegbee nye esi! Womate ŋu atsɔ esia ƒe kafukafu ana ame aɖeke o. Mía Mawu la gbɔe esia tso. Nukunu sia na 'Yehowa ƒe ŋkɔ nyɔ, eye wònye dzesi mavɔ si nu mayi akpɔ gbeɖe o.' (Yes. 55:13) Míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ayi edzi anɔ ta kekem ahanɔ nyonyom ɖe edzi va se ɖe esime anyigba dzi yɔ kple ame dzɔdzɔe deblibo siwo anɔ anyi le dzidzɔ me hena Yehowa ƒe ŋkɔa ƒe kafukafu tegbee. Neva eme be míayi edzi axɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi ase! w16.10 4:18, 19","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-34","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-08-20T01:48:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-34\/segments\/1534221215487.79\/warc\/CC-MAIN-20180820003554-20180820023554-00589.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9949712753,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9949712753295898}","num_words":564,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 2, 2014\nCHILE\nPUENTE ALTO, Chile (Chili)—Le April 13, 2014 dzi la, dzo dze melidzeƒe xɔŋkɔ si le Valparaíso du gã si le Chile eye Pasifik-ya sesẽ aɖe si ƒo to nutoa me va yi la na be dzoa keke ta bi teƒea keŋkeŋ. Dzoa wu ame 15 ya teti eye nu vevi wɔ ame 500 aɖewo. Aƒe 2,900 aɖewo hã dome gblẽ keŋkeŋ, eye wòhiã be woadi teƒe bubu na ame 10,000 aɖewo.\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Chile ka nya ta be Ðasefo ŋutsu tsitsi aɖe hã ku le nudzɔdzɔ sia me. Gakpe ɖe eŋu la, Ðasefo 89 bu woƒe aƒewo. Ame siwo dzo le woƒe aƒewo me la va tsi wo nɔvi tadeagulawo gbɔ. Alɔdzedɔwɔƒea ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti enumake be woakpe ɖe ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo woɖo la dze teƒeawo dzadzra ɖo gɔme xoxo. Ne nɔnɔmewo ɖe mɔ la, woate Ðasefowo ƒe aƒe 28 siwo dome gblẽ la tutu.\nAƒetɔ Jason D. Reed, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Chile, gblɔ be: \"Ete ɖe mía dzi vevie esi míese nu siwo gbegbe dzo sia gblẽ le mía nɔviwo ŋu. Míefa mía nɔvi si ku la vevie, eye míaɖo ŋku ame siwo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsi afɔku sia me hã dzi le míaƒe gbedodoɖawo me. Míayi edzi anɔ kpekpeɖeŋunuwo kple nu bubu siwo hiã ale be woate ŋu anɔ te ɖe afɔku dziŋɔ sia me tsonuwo nu la ɖom ɖe ame siwo ŋu wògblẽ nu le.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nChile: Jason D. Reed, tel. +56 2 2428 2600","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/chile\/dzobibi-dzi%C5%8B%C9%94\/","date":"2018-10-20T07:05:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-43\/segments\/1539583512592.60\/warc\/CC-MAIN-20181020055317-20181020080817-00487.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99834764,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983476400375366}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Ele be wò ŋgɔdonyaa nana nyaa sese nadzro wò nyaselawo, wòana wò nyatia nadze ƒãa, eye wòana wò nyaselawo nakpɔ nu si tae wòle be woatsɔ ɖe le eme.\nALE SI NÀWƆE:\nNa nyaa sese nadzro amewo. Bia nya aɖe, ƒo nu tso nya aɖe ŋu, gblɔ agbemenudzɔdzɔ aɖe, alo nàƒo nu tso nyadzɔdzɔ yeye aɖe si me wò nyaselawo atsɔ ɖe le ŋu.\nNa wò nyatia nadze ƒãa. Kpɔ egbɔ be wò ŋgɔdonyaa na taɖodzinu si le wò gbedeasia ŋu kple nyati si ŋu wòku ɖo la me kɔ na wò nyaselawo.\nNa woakpɔ nu si tae nyatia le vevie. Trɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ ɖe wò nyaselawo ƒe nuhiahiãwo nu. Na woakpɔ ale si nyatia ate ŋu akpe ɖe wo ŋui la nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/1-%C5%8Bg%C9%94donya-si-s%C9%94-nyuie\/","date":"2018-11-19T07:07:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039745486.91\/warc\/CC-MAIN-20181119064334-20181119090334-00479.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989441037,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998944103717804}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.097,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woakplɔ wò nuƒoa me nyawo ɖo, eye nàna woakpɔ ale si nuƒoa me nya vevi ɖe sia ɖe do ƒome kple nuƒoa ƒe taɖodzinu kple tanyaa nyuie.\nALE SI NÀWƆE:\nTaɖodzinu aɖe nenɔ asiwò. Kpɔe ɖa nenye be taɖodzinu si le wò nuƒoa ŋue nye be wòana wò nyaselawo nanya nane, woakpɔ kakaɖedzi le nane ŋu, alo wòaʋã wo woaɖe afɔ aɖe, eye nàtrɔ asi le eŋu be wòaɖo taɖodzinu ma gbɔ. Trɔ asi le nya veviawo katã ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.\nTe gbe ɖe nuƒoa ƒe tanya dzi. He susu yi wò nuƒoa ƒe tanyaa dzi le nuƒo bliboa me; nɔ tanyaa me nya veviawo alo nya siwo do ƒome kplii la zãm enuenu le nuƒoa me.\nNa nya veviawo me nakɔ eye wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Zã nya vevi siwo ku ɖe tanyaa ŋu, siwo nàte ŋu atsɔ afia nu wò nyaselawo nyuie le ɣeyiɣi si wona wò me la ɖeɖe ko. Nya vevi siwo me nàdzro la nanɔ ʋɛ, na nyaselawo nade dzesi nya vevi ɖe sia ɖe nyuie; ne èƒo nu tso nya vevi aɖe ŋu vɔ la, tɔ sẽe hafi nàyi bubu dzi, eye nàna nya veviawo nade nu wo nɔewo me nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/14-na-nya-veviawo-nadze-%C6%92%C3%A3a\/","date":"2018-11-17T17:19:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039743717.31\/warc\/CC-MAIN-20181117164722-20181117190722-00424.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990229607,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990229606628418}","num_words":213,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 31, 2018 va se ɖe February 3, 2019 la le tata sia me.\nNu kae wòfia be ame naƒle nyateƒe? Ne nyateƒea su mía si la, aleke míawɔ be wòakpɔtɔ anɔ mía si?\nAleke míawɔ ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míalé nyateƒe xɔasi siwo Yehowa fia mí la me ɖe asi?\nHabakuk ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzeme togbɔ be míele kuxiwo me tom hã.\nAleke nàwɔ be Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu namla wò ke menye amegbetɔwo tɔ o?\nNu kae wòfia be míawɔ míaƒe 'tamesusu yeyee,' eye aleke míate ŋu awɔ esiae?\nDɔmenyonyo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. Aleke míawɔ asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia?\nAme kawoe nye Dɔmenyolawo, siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me, eye nu ka tae amewo tsɔ ŋkɔ ma na wo?\nNu kawoe nye \"nunɔamesi veviwo,\" siwo ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 3:9, eye aleke míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ atsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-november-2018\/","date":"2019-01-19T07:20:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583662690.13\/warc\/CC-MAIN-20190119054606-20190119080253-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969239235,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969239234924316}","num_words":179,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo lɔ̃na faa be yewoaɖo to Fiaɖuƒe gbedeasia ne wosee le wo degbe me. Anye susu ma tae le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Yehowa wɔ ɖoɖo be \"Yudatɔ mawuvɔ̃la siwo tso dukɔ sia dukɔ me le dziƒoa te\" nase nya nyuia le woawo \"ŋutɔ degbe\" me, togbɔ be woanya se Hebrigbe alo Helagbe si ame geɖe dona ɣemaɣi hã. (Dw 2:5, 8) Le nuto siwo me gbe vovovo dolawo le me egbea la, hame siwo doa gbe vovovowo la ate ŋu anɔ dɔ wɔm le anyigbamama ɖeka ma ke me. Aleke gbeƒãɖela siwo le hame siawo tɔgbi me awɔ nu ɖekae aɖe gbeƒã na amewo katã evɔ womanɔ dɔ wɔm ɖe dɔ dzi si aɖia aƒemenɔlawo nu o?\nMide adaŋu (Lod 15:22): Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlawo nade adaŋu akpɔe ɖa be mɔnu kawoe yewoazã wòade yewo dzi yewoaɖe gbeƒã nya nyuia hã. Ne anyigbamamaa melolo o la, hameawo ate ŋu aɖoe be yewomayi aƒe siwo me aƒemenɔlawo medoa gbe si yewoƒe hamea dona me o. Ke hã, ne hame mawo mete ŋu le woƒe anyigbamamaa kpem ɖo edziedzi o, le esi aƒeawo dome didi ta la, woate ŋu atiae be miage ɖe aƒe ɖe sia ɖe me, gake miana yewoanya ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia le anyigbamamaa me. (od 93 ¶37) Alo woate ŋu abia tso miaƒe hamea si be miakpe ɖe yewo ŋu yewoadi ame siwo doa gbe si yewoƒe hamea dona eye miaɖo woƒe adrɛswo ɖe yewo. (km 7\/12 5, aɖaka) Gake nenɔ susu me na mi hã be, gbe vovovo dolawo ate ŋu anɔ aƒe aɖewo me. Ele be ɖoɖo siwo miawɔ be yewoate ŋu akpe anyigbamamawo ɖo la, nawɔ ɖeka kple se siwo ku ɖe amewo ƒe nyatakakawo ŋu le dukɔa me.\nMiwɔ dɔ ɖekae (Ef 4:16): Miwɔ ɖe mɔfiame siwo subɔsubɔdɔdzikpɔla na mi la dzi pɛpɛpɛ. Ðe nèle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe si medoa gbe si miaƒe hamea dona oa? Ne ètsɔ nusrɔ̃via na ame aɖe le hame alo ƒuƒoƒo si te ɖe mia ŋu si doa wo degbea la, esia akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ kabakaba.\nDzra ɖo (Lod 15:28; 16:1): Ne aƒemenɔlaa doa gbe bubu la, dze agbagba nàgblɔ nya nyuia nɛ. Bu gbe vovovo dola siwo ŋu nàte ŋu ake ɖo la ŋu eye nàwɔ Biblia kple video siwo le gbe mawo me ƒe kɔpi ɖe wò fon alo tablɛt dzi do ŋgɔ.Àte ŋu azã JW Language app la, atsɔ asrɔ̃ ale si wodoa gbe na ame le gbe mawo me hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov12-18\/gbe%C6%92%C3%A3-nuto-gbe-vovovo-dolawo-le\/","date":"2019-01-19T17:32:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583671342.16\/warc\/CC-MAIN-20190119160425-20190119182425-00272.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983278513,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983278512954712}","num_words":405,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 20, 2015\nXEXEA ME ƑE NYADZƆDZƆWO\nNEW YORK—Le Fiɖa, April 3, 2015 ƒe ɣeɖoto la, Yehowa Ðasefowo aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi, si wobua wɔna vevitɔ le ƒea me. Woaƒo miniti 45 ƒe dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye \"Kpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Si Kristo Wɔ Na Wò La Ŋu!\" le wɔna sia me. Le kwasiɖa siwo ado ŋgɔ na wɔna vevi sia me la, Ðasefoawo adze amewo kpekpe le xexea me godoo, woakpe woƒe aƒelikawo, wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo.\nJ. R. Brown si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York gblɔ be: \"Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefo miliɔn 8 aɖewo kpe amewo na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, eye ame siwo ade miliɔn 20 woe kpɔ gome le wɔnaa me. Le ƒe sia me la, míele mɔ kpɔm be ame siwo ava la asɔ gbɔ wu esia.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/yesu-%C6%92e-ku\/","date":"2019-06-18T02:55:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977679849,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997767984867096}","num_words":157,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wowɔa gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Sea me la ŋu dɔ le ʋɔnu tsɔ kpɔa nyaʋiʋli siwo ɖo amewo dome le blema Israel la gbɔa?\nƐ̃, WOWƆA wo ŋu dɔ ɣeaɖewoɣi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia, ta 24:14, 15 gblɔ be: \"Mègatafa apadɔwɔla si da ahe la o, eɖanye nɔviwòwo alo amedzro siwo le wò duwo me le wò anyigba dzi la dometɔ aɖee o . . . Ne wòagado ɣli na Yehowa le tawò, ne wòazu nu vɔ̃ na wò o.\"\nNuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe nya sia tɔgbi ŋu la nye esi woŋlɔ tso keke ƒe alafa adrelia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Wokpɔ nuŋlɔɖi sia le teƒe aɖe si te ɖe Asdod ŋu. Anɔ eme be woŋlɔe na agbledɔwɔla aɖe si ŋu wotsɔ nya ɖo be metsɔ nuku ƒe agbɔsɔsɔme si tututu eƒe aƒetɔ bia tso esi la nɛ wòde o. Nuŋlɔɖi sia si woŋlɔ ɖe anyize kakɛ dzi la gblɔ be: \"Esime wò subɔvi [ame si le kuku ɖem] la ƒo nukuawo katã nu ƒu ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Hoshayahu, si nye Shobay vi la va xɔ wò subɔvi ƒe avɔ le esi. . . . Nye hadɔwɔla bubuawo, siwo nɔ nukuawo fɔm kplim ŋdɔkutsu dzatsɛ ma la katã aɖi ɖase . . . be nyateƒe tom mele. Nyemeɖi fɔ o. . . . Ne medze nutodziɖulaa ŋu be wòana woagbugbɔ eƒe subɔvi ƒe avɔ nɛ o la, nekpɔ nye nublanui ne wòawɔe! Mègazi kpi esime woxɔ wò subɔvi ƒe avɔ le esi o!\"\nBlemaŋutinyaŋlɔla Simon Schama gblɔ be: Menye ɖeko kokoƒoƒo sia \"na míenya ale si gbegbe agbledɔwɔlaa le didim vevie be woagbugbɔ [yeƒe avɔ ana ye o]. Ke boŋ eɖee fia hã be ame si le kuku ɖem la nya Biblia me sewo, vevietɔ esiwo dze le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia kple Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me, siwo xlɔ̃ nu amewo be woagawɔ ŋlɔmi ame dahewo o la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-january-2018\/g%C9%94me%C9%96ose-mose-%C6%92e-sea-me\/","date":"2019-06-27T04:50:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00093.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994773269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994773268699646}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE AKOWO le ha me dzo tso ave me nèkpɔ la, àkpɔe be woƒe amadede vovovoawo nya kpɔ ŋutɔ! Akowo ƒe dzodzo le ha me alea nya kpɔ na Europatɔ siwo ɖi tsa va Titina kple Anyiehe Amerika le ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu lɔƒo me ale gbegbe. Ako siawo siwo wokpɔ la nye ako siwo ƒe ble le legbee siwo nɔa Amerika ƒe nuto siwo me yame xɔa dzo le. Eteƒe medidi o xe siawo ƒe foto va dzena le nutoa ƒe anyigbatatawo dzi wònyea dzesi be woke ɖe anyigba si le abe paradiso ene ŋu.\nLe xe siwo woléna dea xadza me dome la, ako siawo ƒe dzedzeme to vovo, eye woƒe amadede dzena nyuie. Wonye xe siwo dze nunya hã, wonɔa ame dome, eye woxlɔ̃na sesĩe wòtɔa to me. Wonɔa ha me abe 30 ene dzona le woƒe nɔƒewo ŋdi kanya ɖafɔa nukuwo, atikutsetsewo, kple nuɖuɖu bubuwo. Zi geɖe la, woƒe fewoe wotsɔna fɔa nuɖuɖu, emegbe wotsɔa woƒe dɔ titri si xa gobaa la nɔa etɔm. Wotea ŋu tsɔa woƒe dɔ gbãa nuku siwo ŋu go sesẽwo le la gɔ̃ hã! Zi geɖe ne woɖu nu vɔ la, wodzona yia towo ƒe agawo ŋu alo tɔwo to va nɔa dɔ tɔm anyikɔwo, eye esia kpena ɖe wo ŋu woɖea aɖi le nu siwo woɖu me eye wògakpena ɖe wo ŋu wokpɔa nunyiame bubu siwo hiã hã.\n\"[Mawu wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi.\"—Nyagblɔla 3:11\nZi geɖe la, atsu kple nɔea kuna ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe agbe me katã eye wo ame evea siaa léa be na wo viwo. Akowo wɔa woƒe atɔwo ɖe atiwo ƒe tòwo me, tɔgowo ŋu, babakɔwo me alo ɖe towo ƒe agawo ŋu, eye le afi siawo la, àkpɔ be atsu kple nɔea le ɖi ɖem le wo nɔewo ŋu. Togbɔ be ne wo viwo xɔ ɣleti ade ko wotsi hã la, woganɔa wo dzilawo ŋu abe ƒe etɔ̃ ene. Ne ako siawo le gbe me la, wotea ŋu nɔa agbe ƒe 30 va ɖo 40, gake ne wolé wo de xadza me la wotea ŋu nɔa agbe wu ƒe 60. Ako vovovo siwo ade 18 ye li, wo dometɔ aɖewoe nye esiawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2016-april\/ako\/","date":"2019-06-20T15:33:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00391.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994518161,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994518160820007}","num_words":357,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽviwo Maria Wɔ bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Maria ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Maria Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Maria Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013175\/univ\/art\/502013175_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/maria\/","date":"2019-06-16T19:12:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998291.9\/warc\/CC-MAIN-20190616182800-20190616204800-00169.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978797436,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978797435760498}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.138,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpekpe Ðe Gamenɔlawo Ŋu Kpekpe Ðe Gamenɔlawo Ŋu Kpɔ ale si Biblia le ame siwo le ga me la ƒe dziwo gbɔ ɖom la ɖa. Taflatsɛ, media player mete ŋu ʋui o. Wɔ Video Sia Ƒe Kɔpi Srɔ̃ Nu Geɖe Wu AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? Na Biblia naɖo biabia siwo ɖea fu na amewo vevie la ŋu na wò. TAE Ɖoe Ɖe Amewo MÍEKPENA ÐE MÍAƑE NUTOA ME TƆWO ŊU Kpekpe Ðe Gamenɔlawo Ŋu Eʋegbe Kpekpe Ðe Gamenɔlawo Ŋu https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013384\/univ\/art\/502013384_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/nutoa-me\/video-biblia-me-nyate%C6%92ea-le-kpekpem-%C9%96e-gamen%C9%94lawo-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-16T05:28:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00125.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969943166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969943165779114}","num_words":85,"character_repetition_ratio":0.139,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.153,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nèbua ale si nuwo ava nɔ le etsɔme na wò kple wò ƒomea ŋua? Ðe ganyawo ava nyo alo agblẽa, ɖe míalɔ̃ mía nɔewo loo alo míatsi akogoa? Ðe nànɔ agbe didi loo alo aku kukpoa? Amewo gblɔa nya vovovowo tso nyabiase siawo ŋu ƒe akpe geɖee nye esia.\nEgbea numekulawo léa ŋku ɖe xexea me ƒe nɔnɔmewo ŋu eye wogblɔa ale si etsɔme ava nɔ. Togbɔ be nu siwo wogblɔ ɖi dometɔ geɖe va eme hã la, bubuwo ya do kpo nu kura. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1912 me la, aƒetɔ Guglielmo Marconi to telegraph gbãtɔ si ŋu wometsya ka ɖo o vɛ, eye wògblɔ be: \"Mɔ̃ɖaŋunu siawo siwo ŋu wometsyaa ka ɖo o awɔe be aʋawɔwɔ natɔ te.\" Dɔwɔƒe aɖe (Decca Record Company) ƒe amegã aɖe si gbe guiter ƒola aɖewo siwo woyɔna be Beatles, le ƒe 1962 me la xɔe se be ame siwo ƒoa guiter ƒe ŋkɔxɔxɔ manɔ anyi adidi o.\nAme geɖewo ɖoa ŋu ɖe vivimeŋusẽwo ŋu be woagblɔ nu si adzɔ le etsɔme la na yewo. Ame bubuwo trɔna ɖe ɣletivimefakalawo ŋu; eye ɣletivimefakaka bɔ ɖe magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Ame aɖewo hã yia etsɔmegblɔɖilawo alo gbɔgbɔyɔla siwo xlẽa afakagbalẽwo, xexlẽdzesiwo, alo fli siwo le amewo ƒe asiƒome, eye wogblɔna be \"yewoate ŋu agblɔ\" etsɔme ɖi la gbɔ.\nEsi ame siwo nɔ anyi le blema la di be yewoanya etsɔme ta la, wo dometɔ aɖewo yia afakala siwo sea gbe tso mawu siwo teƒe wobe yewole la gbɔ vɛ na amewo. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Lydia-dua ƒe Fia Croesus tsɔ nunana xɔasiwo ɖo ɖe afakala aɖe le Delphi si le Greece kple susu be wòagblɔ nu si adzɔ ne yewɔ aʋa kple Persia-fia Kores la na ye. Afakala la gblɔ be Croesus atsrɔ̃ \"fiaɖuƒe gã aɖe\" ne eho aʋa ɖe Kores ŋu. Esi esia na Croesus ka ɖe edzi be yeaɖu aʋa dzi ta la, eho yi aʋa la, gake eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe gã la dzie woɖu!\nAfakala sia ƒe ameflunya ma meɖe vi aɖeke o; akpa eveawo dometɔ kae ɖu aʋaa dzi o, nya mawo adze abe ɖe wova eme ene. Alakpanya mawo siwo Croesus se la wɔe be vɔ̃ dzɔ ɖe edzi. Ðe nuwo dze edzi na ame siwo trɔna ɖe ame siwo be yewogblɔa etsɔme ɖi egbea ŋu laa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2018-may-jun\/woagbl%C9%94-ets%C9%94me-%C9%96i\/","date":"2019-06-17T13:52:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00183.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992222786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992222785949707}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo kpɔe be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me ne dɔléle kple lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na yewo gɔ̃ hã.\nWodzi Onesmus kple lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle. Aleke Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me de dzi ƒo nɛ?\nMawu na \"ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu\" la nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me la le eƒe xɔse ta.\nFélix Alarcón dze afɔku vevie esime wònɔ dzokeke dzi, si wɔe be wòtu tso eƒe kɔ va ɖo afɔ gbɔ. Esia megbe la, eva ke ɖe tameɖoɖo vavã si le agbe ŋu la ŋu.\nEsi Miklós Aleksza xɔ ƒe 20 la, edze afɔku dziŋɔ aɖe hezu wɔametɔ. Aleke Biblia kpe ɖe eŋu etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su esi?\nJames Ryan, si nye Yehowa Ðasefo la, nye tokunɔ tso eƒe dzigbe, eye eƒe ŋkuwo hã va gbã emegbe. Nu kae na wòva le dzidzɔ kpɔm le agbe me?\nTogbɔ be Walter Markin nye tokunɔ hã, ele dzidzɔ kpɔm le Yehowa Mawu subɔsubɔ me eye wòkpɔ dzidzeme geɖe.\nTogbɔ be Jairo le fu kpem le dɔléle si nye cerebral palsy ƒe sesẽtɔ si me hã, ekpɔtɔ nye dzidzɔme eye taɖodzinu le eƒe agbe ŋu.\nÐevi aɖe dze afɔku vevie gake eva kpɔ nu si tae wòle be wòaxɔ Wɔla la dzi ase.\nNu kae do ŋusẽ Elisa wòdo dzi nɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu eye wòŋlɔa eƒe dɔlélea be ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã?\nSong Hee Kang te ŋu nɔ te ɖe lãmesẽkuxi sesẽ aɖe nu dzidzedzetɔe esime wòxɔ ƒe 14 pɛ ko.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/ten%C9%94n%C9%94-%C9%96e-n%C9%94n%C9%94me-ses%E1%BA%BDwo-nu\/","date":"2019-06-24T21:32:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999740.32\/warc\/CC-MAIN-20190624211359-20190624233359-00196.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982197285,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982197284698486}","num_words":256,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wowɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe ɖe ahosi siwo nye Helagbe dola siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o siwo nɔ Yerusalem wòdidi vie la ŋu. Ðe ale si wowɔ nu ɖe wo ŋu la ɖia wo nu loo alo ɖe wogbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa sinu be wòakpɔ nyaa gbɔa?\nEsi woƒu kpe Stefano vɔ megbe eye woti Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la yome vevie si na wo kaka ɖe Yudea kple Samaria la, ɖe esia wɔe be wo gbɔdzɔ le subɔsubɔdɔa mea?\nBIA ÐOKUIWÒ BE, 'Aleke mewɔa nui ne nɔnɔme sesẽwo va dzinye?'","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov26-dec2\/wodo-kristo-hame-yeye-la-kp%C9%94\/","date":"2019-06-21T00:25:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999291.1\/warc\/CC-MAIN-20190620230326-20190621012326-00295.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961046576,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961046576499939}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia aɖewo me be \"sɔleme\" alo \"tsɔtsi\" la fia mawusubɔlawo ƒe ƒuƒoƒo ke menye teƒe si wokpena le o.\nEsia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma me la, edo gbe na ŋutsu aɖe kple srɔ̃a, siwo ŋkɔwoe nye Akwila kple Priskila, eye wògblɔ kpee be: \"Mido gbe na tsɔtsi si le woƒe aƒe me la nam.\" (Romatɔwo 16:5, Contemporary English Version) Menye xɔ si me wokpena lee Paulo be woado gbe na o. Ke boŋ amewoe wònɔ gbea dom na. Nu si wòwɔnɛe nye hame si kpena le woƒe aƒe me la me tɔwo. *\nEya ta míeyɔa afi si míekpena le la be \"Fiaɖuƒe Akpata,\" ke menye tsɔtsi o.\nNu ka tae míeyɔa afi si míekpena le be \"Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpata\" ɖo?\nEyɔyɔ alea sɔ le susu siwo gbɔna ta:\nAkpata alo kpekpewɔƒee xɔ si me míekpena le la nye.\nMíekpena be míade ta agu na Yehowa, Mawu si ŋu woƒo nu tso le Biblia me ahaɖi ɖase tso eŋu.—Psalmo 83:19; Yesaya 43:12.\nMíele kpewòm be nàva ɖi tsa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ la me be nàkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewoe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/yehowa-%C9%96asefowo-ts%C9%94tsi-fia%C9%96u%C6%92e-akpata\/","date":"2019-06-27T08:24:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001014.85\/warc\/CC-MAIN-20190627075525-20190627101525-00153.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984954,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984953999519348}","num_words":205,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.307,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe ametia wɔa avu kple futɔ aɖewo siwo ate ŋu awu mí evɔ míekpɔa wo alo sea wo ŋkɔ o la gbe sia gbe. Dɔlékui vovovowo gena ɖe lãme na mí siwo gblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. * Míate ŋu anya ale si tututu ŋutilãa wɔa avu kple dɔlékui siawo o, elabena míaƒe ametia tsia dɔlékuiawo nu alo wua wo dometɔ akpa gãtɔ hafi woayi nu gblẽ ge le mía ŋu. Gake ɣeaɖewoɣi la, dɔlékui vɔ̃ɖi aɖewo ɖua dzi. Ne edzɔ alea la, ahiã be nàno atike alo azã dɔdamɔnu aɖewo be woado ŋusẽ wò ametia.\nƑe akpe geɖewo va yi la, amewo menya nu boo aɖeke tso ale si dɔlékui siwo ŋku mate ŋu akpɔ o la gblẽa nu le ame ŋu la ŋu o. Emegbe le ƒe alafa 19 lia me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ɖo kpe ale si dɔlékuiwo nana míedzea dɔ la dzi eye esia na míeva kpɔ ale si wòhiã be míakpɔ mía ɖokuiwo ta la dze sii. Tso ɣemaɣi la, dɔdada ŋuti numekulawo dze agbagba be yewoaɖe dɔxɔleameŋu aɖewo abe sakpate kple ɖevimetutudɔ dzi akpɔtɔ alo aɖe wo ɖa kura. Ke hã, nyitsɔ laa la, dɔlélewo abe ŋudza ƒomevi aɖe kple ƒunukpeƒeŋudza gatrɔ gbɔ. Nu ka gbɔe wòtso? Bu nya siawo ŋu kpɔ:\nƑe sia ƒe la ame akpe geɖe zɔa mɔ yia teƒeteƒewo le xexea me godoo, eye zi geɖe la, dɔlékuiwo nɔa wo ŋu wotsɔ nɔa yiyim. Nyati aɖe si wota ɖe magazine aɖe (Clinical Infectious Diseases) me gblɔ be: \"Esi yameʋuwo tsoa dukɔ ɖeka me yia bubu me le ɣeyiɣi kpui aɖe me ta la, amewo kakaa dɔléle vɔ̃ɖiwo kabakaba le manyamanya me.\"\nDɔlékui aɖewo megasea atike o. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be: \"Xexea ɖo ta teƒe aɖe si dɔlélewo magase atike o si awɔe be dɔléle siwo wokpɔ atike na tsã la nagate amewuwu.\"\nDukɔwo me zitɔtɔ kple ahedada na wòle sesẽm na dziɖuɖuwo be woatsi ale si dɔlélewo le kakam la nu.\nAme geɖewo menya nu siwo tututu woawɔ be woatsi dɔlélewo nu o.\nTogbɔ be nɔnɔme siawo katã li hã la, àte ŋu awɔ wò akpa dzi be nàkpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta. Nyati si kplɔe ɖo la afia mí be le dukɔ madeŋgɔwo gɔ̃ hã me la, míate ŋu azã mɔnu bɔbɔe siwo wɔa dɔ atsɔ atsi dɔlélewo nu.\n^ mm. 3 Menye dɔl��kui siwo míate ŋu akpɔ o la katãe nana míedzea dɔ o. Nyati siawo aƒo nu tso dɔlékui suesuesuewo kple esiwo ate ŋu aɖe fu na míaƒe lãmesẽ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2016-december\/d%C9%94l%C3%A9lewo-%C9%96e-wo-dzi-kp%C9%94t%C9%94\/","date":"2019-06-25T06:00:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00225.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998829186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998829185962677}","num_words":416,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋugbledede le nu nyui siwo Yehowa wɔ ŋu le vevie\nYehowa ƒe dɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:\nNuwɔwɔwo\nZi ale si míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, zi nenemae eƒe gãnyenye wɔa nuku na míi\nAme siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒe le hamea me.\nEle be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ɖe ame siwo Yehowa ɖo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me la te\nÐeɖedɔwo\nŊkuɖoɖo Yehowa ƒe ɖeɖedɔwo dzi kpena ɖe mía ŋu míekana ɖe edzi be akpe ɖe esubɔlawo ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july18-24\/mawu-%C6%92e-d%C9%94-nyuiwo\/","date":"2019-06-26T03:57:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00083.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9917727709,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9917727708816528}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.981,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ kɔsɔkɔsɔ si wode Paulo la, kple Roma-srafo si le eŋu dzɔm la hã ɖa. Paulo nye gamenɔla le Roma. Ele lalam be Roma-dziɖula Kaisaro nagblɔ nusi woawɔ nɛ. Esime wònɔ gaxɔ me la, woɖe mɔ be amewo nayi egbɔ.\nEsi Paulo ɖo Roma ŋkeke etɔ̃ megbe la, eɖo gbe ɖe Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo be woava kpɔ ye ɖa. Yudatɔ geɖe siwo le Roma la va. Paulo ɖe gbeƒã na wo tso Yesu kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ŋu. Ame aɖewo xɔe se hezu Kristotɔwo, gake ame aɖewo mexɔe se o.\nPaulo ɖe gbeƒã na asrafo vovovo, siwo nɔ eŋu dzɔm la hã. Eɖe gbeƒã na amesiame, si wòate ŋui la le ƒe eve si wònɔ gaxɔ me la me. Nusi do tso emee nye be, Kaisaro ƒe aƒe la gɔ̃ hã se Fiaɖuƒe ƒe nyanyui la, eye wo dometɔ aɖewo zu Kristotɔwo.\nKe amedzro kae nye si le agbalẽ ŋlɔm le kplɔ̃ dzi? Àte ŋu ayɔ eŋkɔ kpɔa? Ahã, Timoteo ye. Timoteo hã nɔ gaxɔ me le Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖeɖe ta, gake woɖe asi eya ŋu. Eye wòva kpekpe ge ɖe Paulo ŋu le afisia. Ènya nusi ŋlɔm Timoteo lea? Na míakpɔe ɖa.\nÈɖo ŋku Filipi kple Efeso duawo dzi le Ŋutinya 110 lia mea? Paulo ye na woɖo Kristo-hamewo ɖe du mawo me. Ke esi Paulo le gaxɔ me la, eŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Kristotɔ siawo. Agbalẽ siawo le Biblia la me, eye woyɔa wo be Efesotɔwo kple Filipitɔwo. Azɔ Paulo le nya, si le esi la gblɔm na Timoteo be wòaŋlɔ aɖo ɖe wo xɔlɔ̃ Kristotɔ, siwo le Filipi la.\nFilipitɔwo nyo dɔme na Paulo ŋutɔ. Woɖo nunanawo ɖee le gaxɔa me, eyata Paulo le akpe dam na wo. Epafrodito ye nye amesi tsɔ nunana la vɛ. Gake elé dɔ vevie eye wòku kloe. Fifia eƒe lãme sẽ, eye wòdzra ɖo be yeayi aƒe. Ne etrɔ yi Filipi la, atsɔ Paulo kple Timoteo ƒe agbalẽ la ɖe asi ayii.\nEsime Paulo nɔ gaxɔ me la, egaŋlɔ agbalẽ eve bubu, siwo le Biblia me la. Eŋlɔ ɖeka na Kristotɔ, siwo le Kolose la. Ènya agbalẽa ŋkɔa? Kolosetɔwo. Agbalẽ evelia nye eya ŋutɔ ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ vevi, si nye Filemon, amesi hã le Kolose. Agbalẽ la ku ɖe Filemon ƒe kluvi, Onesimo ŋuti.\nOnesimo si le Filemon gbɔ heva Roma. Onesimo se be wode Paulo gaxɔ me le afisia. Eva srã Paulo kpɔ, eye Paulo ɖe gbeƒã nɛ. Eteƒe medidi o Onesimo hã zu Kristotɔ. Azɔ eve Onesimo ŋutɔ be yesi. Eyata ènya nusi Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filemon le eƒe agbalẽa mea?\nPaulo bia Filemon be wòatsɔ nusi Onesimo wɔ la akee. Paulo ŋlɔ bena: 'Mele eɖom ɖe wò. Fifia meganye wò kluvi ko o. Ke enye nɔvi Kristotɔ nyui aɖe hã.' Esi Onesimo trɔ yina Kolose la, etsɔ agbalẽ eve siawo ɖe asi; etsɔ ɖeka na Kolosetɔwo, eye evelia na Filemon. Filemon akpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòse be yeƒe kluvi la zu Kristotɔ.\nAgbalẽ, si Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo kple Filemon la nye nyanyui ŋutɔ aɖe na wo. Egblɔ na Filipitɔwo be: 'Mele Timoteo ɖom ɖe mi, gake mele mia gbɔ va ge kpuie.' Eye wòŋlɔ na Filemon be: 'Di teƒe ɖi nam be ne meva la, manɔ afima.'\nEsi woɖe asi le Paulo ŋu la, eyi ɖasrã nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo kpɔ le teƒe geɖe. Gake emegbe la, wogade Paulo gaxɔ me le Roma. Fifia ya la, enya be wole ye wu ge. Eyata eŋlɔ agbalẽ na Timoteo be wòava kaba, be: 'Mewɔ nuteƒe na Mawu, eye Mawu aɖo eteƒe nam.' Esi wowu Paulo ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, wogatsrɔ̃ Yerusalem ake, fifia ya la, Romatɔwoe tsrɔ̃e.\nGake nu geɖe gale Biblia la me. Yehowa Mawu na apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe agbalẽ mamlɛawo hekpe ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋu. Biblia ƒe agbalẽ sia ƒo nu le ɣeyiɣi, si gbɔna la ŋu. Azɔ na míasrɔ̃ nusi ɣeyiɣi, si gbɔna la tsɔ gbɔnɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/paulo-le-roma\/","date":"2019-06-25T16:01:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999853.94\/warc\/CC-MAIN-20190625152739-20190625174739-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983660579,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983660578727722}","num_words":648,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SEPTEMBER (ANYƆNYƆ) 15, 2015\nRUSSIA\nƲɔnu si wogbugbɔ le dɔdrɔ̃m Yehowa Ðasefo 16 le Taganrog la le eƒe nuwuwu ɖom. Ðasefoawo nɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe azɔli sia dzi ƒe eve kple ɣleti aɖewoe nye esia. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo le esi wowɔa woƒe mawusubɔsubɔdɔwo ta. Woate ŋu alé wo dometɔ aɖewo ade ga alo ado fe gbogbo aɖe na wo. Nu kawo gbegbee ʋɔnudrɔ̃nya legbe sia gblẽ le Ðasefoawo ŋu? Aleke nɔnɔmeawo anɔ ne wobu fɔ wo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/jw-nyadz%C9%94dz%C9%94wo-taganrog-video\/","date":"2019-06-26T14:27:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00337.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993830323,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993830323219299}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DEBORA lé ŋku ɖe asrafo siwo ƒo ƒu ɖe Tabor Toa tame ŋu. Esi wòkpɔ wo le afi ma la, woƒe nu wɔ dɔ ɖe edzi. Esi ɣea dze ŋdi ma la, ede ŋugble le asrafo mawo ƒe dzinɔameƒo kple woƒe kplɔla Barak ƒe xɔse ŋu. Togbɔ be wonye asrafo 10,000 hã la, woado woƒe xɔse kple dzinɔameƒo kpɔ vevie le ŋkeke sia dzi. Futɔ vɔ̃ɖi siwo sɔ gbɔ wu wo sãsãsã la ŋue woho aʋa ɖo, eye woƒe aʋawɔnuawo hã mede futɔawo tɔ nu o. Ke hã wova aʋagbea dzi, eye nyɔnu sia ƒe dzideƒonyawo koŋ tae.\nKpɔe ɖa be Debora ye nye ema, eƒe awuwo le ya ƒom esime woa kple Barak wole toa tame ɖaa eye woɖe ŋku ɖe nuto dzeania ŋu. Tabor Toa tame le gbadza. Ekɔkɔ meta 400; ne ame tɔ ɖe etame la, ate ŋu akpɔ Esdraelon Tagba, si keke ɖe enu yi anyieheɣetoɖoƒe gome ɖaa la. Kison-tɔsisia gɔdɔ̃ to tagba dama la me ɖade nu Ƒu Gã la me le afi si te ɖe Karmel Toa ŋu. Anɔ eme be ŋdi ma la, tsi menɔ tɔʋua me o, gake nane hã nɔ dzo dam le adzɔge ɖaa le gbadzaƒe gã ma. Sisera ƒe aʋakɔa ye nɔ wo gogom, eye ale si woƒe gayibɔnuwo le dzo dam la ana vɔvɔ̃ naɖo ame be vɔ̃ gbɔna dzɔdzɔ ge. Sisera ƒe aʋawɔla tiatiawoe—wogbɔna kple aʋatasiaɖam 900, eye anɔ eme be wonye esiwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le. Sisera ƒe taɖodzinue nye be yeasi Israel-viwo, siwo mebla akpa de wo nu o la abe ale si woxaa ƒo ene!\nDebora nyae be Barak kple eƒe aʋawɔlawo le ye sinu kpɔm be yewoase nya aɖe tso ye nu hafi yewoaho. Eya ɖeka koe nye nyɔnu le wo domea? Aleke wòse le eɖokui me ku ɖe agbanɔamedzi gã ma si kpɔ eŋkume la ŋu? Ðe wònɔ eɖokui biam be nu ka wɔm yele le ame siawo dome hã? Kura o! Eƒe Mawu Yehowa ye gblɔ nɛ be wòana woawɔ aʋa sia; Mawu ɖee fiae hã be yeato nyɔnu aɖe dzi ana aʋa sia nawu enu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:9) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Debora kple aʋakalẽtɔ siawo gbɔ tso xɔse ŋu?\n\"HO YI TABOR TO LA DZI\"\nZi gbãtɔ si woƒo nu tso Debora ŋu le Biblia me la, woyɔe be \"nyɔnunyagblɔɖila.\" Esia na Debora ɖe dzesi, ke hã menye eya ɖeka koe woyɔ nenema le Biblia me o. * Agba bubu aɖe hã nɔ Debora dzi. Edze ƒãa be Yehowa toa edzi hã drɔ̃a ʋɔnu na dukɔa ne masɔmasɔwo do mo ɖa.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4, 5.\nTonuto si nye Efrayim, si le Betel kple Rama dome lae Debora nɔ. Enɔa deti aɖe te le afi ma subɔa dukɔa le Yehowa ƒe mɔfiafia nu. Togbɔ be Debora ƒe dɔa menɔ bɔbɔe o hã la, mevɔ̃ na agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ o. Dɔ si wɔm wònɔ la nɔ vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi gbɔgbɔ ʋã eya hã wòkpɔ gome le ha aɖe kpakpa me emegbe la, egblɔ le eƒe dukɔ mawɔnuteƒea ŋu le ha la me be: \"Wotia mawu yeyewo; aʋa nɔ agbowo me ɣemaɣi.\" (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:8) Esi Israel-viwo trɔ megbe de Yehowa heyi ɖasubɔ mawu bubuwo ta la, Yehowa hã tsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Fia Yabin si nye Kanaantɔ la nɔ wo dzi ɖum to aʋafia sẽŋu aɖe si ŋkɔe nye Sisera la dzi.\nŊkɔ Sisera ɖeɖe sese gɔ̃ hã nana dzidzi ƒoa Israel-viwo. Kanaantɔwo wɔa ŋutasẽnu dziŋɔwo le woƒe tadedeagu kple kɔnyinyiwo me, siwo ƒe ɖewoe nye ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe kple gbedoxɔ me gbolowɔwɔ. Aleke nɔnɔmea nɔ na dukɔa esime Kanaantɔwo ƒe aʋafia sia kple eƒe asrafowo nɔ wo dzi ɖum? Debora ƒe ha la ɖee fia be ɣemaɣi la, esesẽ ŋutɔ be ame nazɔ mɔ eye amewo katã si dzo le kɔƒewo me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:6, 7) Míate ŋu akpɔ ale si wònɔ ɖa la le susu me be, amewo yi ɖabe ɖe avewo me kple togbɛwo dzi eye wole vɔvɔ̃m be yewoade agble alo anɔ kɔƒe siwo ŋu gli mele o la me, eye womedina be yewoazɔ mɔ gãwo dzi o le esi wole vɔvɔ̃m be woadze yewo dzi, aɖe aboyo yewo viwo alo adɔ yewoƒe nyɔnuwo gbɔ sesẽe ta. *\nŊutasẽdziɖuɖu ma yi edzi ƒe 20 sɔŋ va de asi na esime Yehowa kpɔe be yeƒe dukɔ kɔlialiatɔawo nɔ klalo be yewoatrɔ dzi me, alo abe ale si wòdze le Debora kple Barak ƒe ha si hã le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me ene be, \"Va se ɖe esime nye, Debora, metso, va se ɖe esime metso abe vidada ene le Israel.\" Míenya nenye be Debora, si srɔ̃ ŋkɔe nye Lapidot la nye vidada ŋutɔŋutɔ ya o, ke hã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nue woyɔe be vidada le le afi sia. Ðeko wòle ko abe Yehowa de dɔ asi na Debora be wòakpɔ dukɔa ta abe ale si vidada wɔna na viawo ene. Mawu gblɔ nɛ be wòayɔ Ʋɔnudrɔ̃la Barak, ame si sẽ ŋu le xɔse me la vɛ eye wòagblɔ nɛ be neho aʋa ɖe Sisera ŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:3, 6, 7; 5:7.\nYehowa ƒe gbe va na Debora be wòagblɔ na Barak be: \"Ho yi Tabor To la dzi.\" Egblɔ na Barak be wòaƒo ŋutsu 10,000 nu ƒu tso Israel ƒe to eve me. Debora gblɔ ŋugbe si Mawu do be woaɖu Sisera ƒe aʋakɔ sesẽ siwo si aʋatasiaɖam 900 sɔŋ nɔ la dzi nɛ! Ŋugbedodo sia awɔ moyaa na Barak godoo. Aʋakɔ menɔ Israel si o, eye woƒe aʋawɔnuwo nɔ ʋɛ ŋutɔ. Ke hã, Barak lɔ̃ be yeayi aʋa la nenye be Debora hã anɔ eme yewoayi Tabor Toa dzi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:6-8; 5:6-8.\nAme aɖewo gblɔ be xɔse menɔ Barak si o le nya ma si wògblɔ ta, ke hã esia mesɔ o, elabena Barak mebia tso Mawu si be wòana aʋawɔnu geɖewo ye o. Ke boŋ le xɔse si le esi ta la, ekpɔe be ehiã be Yehowa ƒe teƒenɔla nanɔ yewo dome ne wòado ŋusẽ ye kple yeƒe amewo. (Hebritɔwo 11:32, 33) Yehowa da asi ɖe esia dzi, eye wòɖe mɔ na Debora be wòayi le Barak ƒe biabia la nu. Ke hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Debora wògblɔ ɖi be aʋa la dzi ɖuɖu ƒe bubu mayi na ŋutsu o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:9) Mawu tso nya me be yeana nyɔnu aɖe nawu Sisera vɔ̃ɖi ma!\nEgbea la, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe nyɔnuwo ŋu, wosẽa ŋuta le wo ŋu hewɔa fu wo. Ƒãa hafi wodea bubu wo ŋu abe ale si Mawu dii ene. Gake le Mawu gbɔ la, ŋutsu kple nyɔnu meli o, wo katã wosɔ le eŋkume. (Romatɔwo 2:11; Galatiatɔwo 3: 28) Ale si Mawu zã Debora la na míekpɔe be enaa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo nyɔnuwo hã eye wòwɔa nu siwo ɖenɛ fiana be eka ɖe wo dzi hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ele vevie be míatsri bubumademade nyɔnuwo ŋu si bɔ ɖe xexea me egbea.\n\"ANYIGBA ƲUƲU, TSI DZA TSO DZIƑOWO BABABA\"\nBarak yi ɖaƒo eƒe aʋakɔ la nu ƒu. Ame siwo nu wòƒo ƒu la le ŋutsu 10,000 siwo ƒo dzi nɔ be woakpe aʋa kple Sisera ƒe aʋakɔ dziŋɔ la. Esi Barak dze eƒe amewo ŋgɔ yi Tabor Toa dzi la, dzi dzɔe be ame aɖe hã nɔ yewo dome si ana dzi naɖo yeƒe ameawo ƒo. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: \"Debora hã yi kplii.\" (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:10) Aleke gbegbe dzi aɖo asrafoawo ƒoe nye esi esi wokpɔ nyɔnu dzinɔameƒotɔ ma wòle wo dome esime woyina Tabor Toa dzi, eye wokpɔe hã be elɔ̃ be yeade yeƒe agbe afɔku me kpli yewo le esi wòxɔ Yehowa Mawu dzi se ta!\nEsi Sisera see be dzi ɖo Israel-viwo ƒo woho aʋa ɖe ye ŋu la, eƒo eƒe aʋakɔa nu ƒu enumake. Kanaan fia bubuwo ƒe aʋakɔwo va kpe ɖe Fia Yabin, si anya kpɔ ŋusẽ wu wo katã la, ƒe aʋakɔa ŋu. Sisera ƒe tasiaɖam sesẽawo ƒe hatsotso vovovoawo ƒe hoowɔwɔ na anyigba ʋuʋu esi wonɔ zɔ ɖem le ɖoɖo nu le tagba la me. Kanaantɔwo ka ɖe edzi be yewoaɖu Israel ƒe aʋakɔ tsɛ ma dzi bɔbɔe.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12, 13; 5:19.\nNu kae Debora kple Barak awɔ azɔ esime futɔawo le wo gogom? Ne wokpɔtɔ le Tabor Toa dzi la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ aʋa kple Kanaantɔwo ƒe aʋakɔ siwo gbɔna wo dzi dze ge la, elabena anyigba sɔsɔe dzi koe woate ŋu awɔ aʋatasiaɖamwo ŋu dɔ le nyuie. Ke hã esi wònye be Yehowa ƒe mɔfiafiawo nue Barak awɔ aʋa le ta la, elala be yease nya aɖe tso Debora nu. Mlɔeba, ɣeyiɣia de be woaho. Debora gblɔ be: \"Tso, elabena egbee Yehowa atsɔ Sisera ade asi na wò. Ðe Yehowa medze ŋgɔwò oa?\" Nuŋlɔɖia yi edzi be: \"Barak ɖi tso Tabor To la dzi, eye ŋutsu akpe ewoawo dze eyome.\"—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14. *\nIsrael-srafoawo ɖi tso toa dzi kple du va gbadzaƒea eye wolũ ɖe futɔawo ƒe aʋatasiaɖam ɖivɔvɔ̃ mawo dzi. Ðe Yehowa dze wo ŋgɔ vavã abe ale si Debora gblɔe enea? Eteƒe medidi o, wokpɔe be edze yewo ŋgɔ vavã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: 'Anyigba ʋuʋu, eye tsi dza tso dziƒowo bababa.' Yehowa de tɔtɔ Sisera ƒe asrafo dadala mawo dome. Eye tsia nɔ dzadzam sesĩe! Tsia anya kɔ ɖi yoo, elabena eteƒe medidi hafi anyigba zu ba finyafinya o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, gatasiaɖam kpekpe mawo megaɖe vi aɖeke na wo o, ke boŋ wozu kplamatsɛdonu na wo. Tasiaɖamawo ɖi ɖe baa me ale gbegbe be ŋgɔyiyi zu dɔ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14, 15; 5:4.\nTsidzadza sesẽ la meɖe fu na Barak kple eƒe amewo o. Wonya ame si na tsia le dzadzam. Wolũ ɖe Kanaan-srafoawo dzi. Mawue to Israel-viwo dzi nɔ ʋɔnu drɔ̃m eƒe futɔwo, eya ta womena Sisera ƒe asrafoawo dometɔ ɖeka pɛ hã tsi agbe o. Kison-tɔsisia ɖɔ henɔ sisim kple adã, eye wòkplɔ ame kukuawo le tɔʋua me ɖo ta Ƒu Gã la me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:16; 5:21.\nYehowa meganana esubɔlawo tsɔa lãnuwo yia aʋa egbea o. Ke hã ebia tso eƒe amewo si be woawɔ gbɔgbɔmeʋa. (Mateo 26:52; 2 Korintotɔwo 10:4) Ne míedzea agbagba be míaɖo to Mawu le xexe mavɔ̃mawu sia me la, ke míawo hã míele gome kpɔm le aʋa ma me. Míehiã na dzideƒo, elabena amewo tsia tsitre ɖe ame siwo le Mawu ƒe akpa dzi egbea la ŋu. Gake Yehowa metrɔ o. Egakpɔa ame siwo xɔ eyama dzi se heɖoa ŋu ɖe eŋu la ta kokoko, abe ale si wòwɔe na Debora, Barak kple Israel srafo kalẽtɔ siwo nɔ anyi le blema la ene.\n'WOYRAE GEÐE WU LE NYƆNUWO DOME'\nAme si nye futɔ gãtɔ le Kanaantɔawo dome la si! Sisera, si nye ame si te Mawu ƒe amewo ɖe anyi kutɔkutɔe la de afɔ du me hesi le aʋaa nu. Egblẽ eƒe amewo ɖi be woaku atsi ba me, eye wòsi le Israel-srafoawo nu yi ƒuƒuiƒe heɖo ta afi si wòkpɔ be eya koe ganye sitsoƒe si tsɔ ɖe ye gbɔ wu. Esi wònɔ du dzi sesĩe agbadroƒe geɖe henɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Israel-srafoawo ava tu ye la, eɖo ta Kenitɔ Heber si ʋu tso agbadɔmenɔla bubuwo gbɔ va le anyiehe gome la ƒe agbadɔ gbɔ, elabena ŋutifafa nɔ Heber kple Fia Yabin dome.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:11, 17.\nEsi Sisera va ɖo Heber ƒe agbadɔa gbɔ la, ɖeɖi te eŋu belibeli. Ekpɔe be Heber mele aƒe me o. Gake srɔ̃a, Yael, ya li. Edze ƒãa be Sisera susui be Yael akpɔ ye ta le ŋutifafa si le srɔ̃a kple Fia Yabin dome ta. Ðewohĩ eya mesusui kpɔ be nyɔnu awɔ nu le eɖokui si alo eƒe nuŋububu ato vovo na srɔ̃a tɔ o. Edze ƒãa be Sisera menya Yael kura o! Yael nya ale si gbegbe Kanaantɔwo sẽ ŋuta le dukɔa ŋui la nyuie; anya kpɔe hã be ehiã be yeatia ame si ƒe akpa dzi yeanɔ. Ate ŋu atiae be yeakpe ɖe ŋutsu vɔ̃ɖi sia ŋu loo alo yeawu Mawu ƒe amewo ƒe futɔ sia atsɔ aɖee afia be yele Yehowa ƒe akpa dzi. Gake nu kae wòate ŋu awɔ? Aleke nyɔnu ate ŋu akpe aʋakalẽtɔ sẽŋu sia dzi?\nEle be Yael nabu tame kaba. Ena teƒe Sisera be wòagbɔ ɖe eme. Sisera de se nɛ be ne ame aɖe va bia ye ta la, megagblɔ be yele afi sia o. Esi wòmlɔ anyi la, Yael tsɔ kuntru tsyɔ nɛ, eye esi wòbiae be wòana tsi ye la, eku notsi nɛ wòno. Kasia, Sisera yi alɔ̃ me ʋĩi. Azɔ Yael tsɔ tsyoti kple zu, siwo nye dɔwɔnu siwo nyɔnu agbadɔmenɔlawo zãna enuenu aɖaŋutɔe la ɖe asi. Ezɔ dzadzadza va tɔ ɖe Sisera ƒe tade. Dɔ aɖe si ŋu vɔvɔ̃ le la dze ŋgɔe azɔ, si nye be wòanye Yehowa ƒe dɔtsɔla awu Sisera. Ne vɔvɔ̃ alo ɖikeke na wòda ƒu la, nya gã aɖee wòanye. Ðe wòɖo ŋku Mawu ƒe amewo dzi hebu ale si gbegbe ŋutsu sia sẽ ŋuta le wo ŋu ƒe geɖe la ŋua? Alo ɖe wòbu mɔnukpɔkpɔ si wònye be yeanɔ Yehowa ƒe akpa dzi la ŋua? Ŋɔŋlɔawo megblɔe o. Nu si míenyae nye be eɖe afɔ enumake, si wɔe be Sisera ku tsi afi ma!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:18-21; 5:24-27.\nEmegbe Barak ti ame si dim wòle vevie la yome va do. Esi Yael tsɔ ame kukua fiae eye wòkpɔe be woƒo tsyoti ɖe tonu nɛ mimi ɖe anyigba la, ekpɔe be Debora ƒe nyagblɔɖia va eme vavã. Nyɔnue wu Sisera aʋakalẽtɔ la! Egbea, ɖeklemiɖelawo yɔ ŋkɔ gbegblẽ vovovowo ɖe Yael ŋu, gake Barak kple Debora ya mebu susu mawo ɖe eŋu o. Le ha si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wo wokpa me la, wokafu Yael gblɔ be 'woyrae geɖe wu le nyɔnuwo dome,' le esi wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe ta. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:22; 5:24) De dzesi ale si gbegbe Debora ƒe dɔme nyoe. Meʋã ŋu kafukafu si wotsɔ na Yael o; ke boŋ nu si nɔ vevie nɛ koe nye be Yehowa ƒe nya va eme.\nEsi Sisera megali o ta la, Fia Yabin ƒe ŋusẽa nu yi. Kanaantɔwo ƒe ameteteɖeanyia nu yi mlɔeba. Israel-viwo nɔ ŋutifafa me ƒe 40. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:24; 5:31) Yayra ka gbegbee nye esi wònye na Debora, Barak kple Yael le esi woxɔ Yehowa Mawu dzi se ta! Ne míesrɔ̃ Debora ƒe xɔse henɔ Yehowa ƒe akpa dzi dzinɔameƒotɔe eye míede dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔe nenema la, Yehowa ayra mí míaɖu dzi glo ahanɔ ŋutifafa me tegbee.\n^ mm. 9 Debora ƒe haa me nyawo ɖee fia be ne Sisera va dze dukɔa dzi la, zi geɖe la, eɖea aboyo nyɔnuviwo hã, eye ne wole aboyonuwo mam la, asrafo ɖeka tea ŋu xɔa nyɔnuvi eve gɔ̃ hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:30) Nya si gɔme woɖe be \"nyɔnuvi\" le kpukpui sia me la fia \"vidzidɔ\" le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Esia na míekpɔe be wobua nyɔnu mawo be ɖeko woli ko hena woƒe vidzinuwo ŋu dɔ wɔwɔ. Anɔ eme be nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe bɔ ɣemaɣi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150801\/debora-vidada-le-israel\/","date":"2019-06-19T14:46:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00435.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988119602,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988119602203369}","num_words":2389,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Memleɖa, March 1, 2014 dzi la, ame 823 siwo me dzidzɔ yɔ fũu la kpe le Nigeria le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Benin City me hena wɔna ɖedzesi aɖe le dukɔ ma me. Tso keke ƒe 1999 me, esime Yehowa Ðasefowo dze Fiaɖuƒe Akpata tutu le dukɔ siwo dzi nu mede o me ƒe ɖoɖoa gɔme la, wotu Fiaɖuƒe Akpata 3,000 le Nigeria.\nWogblɔ ŋutinya kpui aɖe tso afi siwo Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo wɔa woƒe kpekpewo le le Nigeria tso ƒe 1920-awo me la ŋu. Le gɔmedzedzea me la, wokpena le amewo ƒe aƒewo kple xɔ siwo wohaya me. Teƒe gbãtɔ si Yehowa Ðasefowo ŋutɔ tu hena kpekpewo wɔwɔ la nye xɔ aɖe si wotu ɖe Ilesa le ƒe 1935 me le Nigeria. Le ƒe 1938 kple 1990 dome la, hamewo dzi ɖe edzi teƒe 200 kloe, hameawo dzi ɖe edzi tso 14 va ɖo 2,681. Avu kple kɔe wònyena na hame geɖewo be woakpɔ teƒe siwo woawɔ kpekpewo le. Hame adee wɔa kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata aɖewo me. Eye le teƒe bubuwo la, kpekpevalawo sɔa gbɔ ale gbegbe be womekpɔa mɔ le xɔ siwo me wowɔa kpekpeawo le me o, ale wɔ ame aɖewo nɔa tsitrenu le fesre nu hafi tea ŋu kpɔa gome le kpekpeawo me. Le ɣeyiɣi mawo me la, hame geɖe gakpɔtɔ kpena le amewo ƒe aƒewo me alo sukuxɔwo me kokoko.\nLe ƒe 1990 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea va te gadodo na hamewo wotsɔ tua Fiaɖuƒe Akpatawo to Fiaɖuƒe Akpata Tuga ƒe ɖoɖoa dzi. Kaka ƒe 1997 naɖo la, Nuto Me Xɔtukɔmitiwo kpe asi ɖe hamewo ŋu wotu akpata yeyewo eye wotrɔ asi le ɖewo hã ŋu, wo katã ƒe xexlẽme le 105. Wotu akpata 13 le ƒe 1997 va se ɖe ƒe 1999 me, eye ɖe sia ɖe tutu xɔ ŋkeke 7 va se ɖe 15.\nTogbɔ be xɔtutu ƒe ɖoɖo sia nɔ afɔ tsɔm nyuie alea hã la, mete ŋu le Ðasefo siwo le dzidzim ɖe edzi le Nigeria la ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔm bliboe o. Le April 1998 me la, alɔdzedɔwɔƒea bu akɔnta be yewohiã Fiaɖuƒe Akpata 1,114 le dukɔa me godoo.\nNɔviŋutsu Don Trost, si nye Nigeria Alɔdzekɔmitia me tɔ gblɔ na vavalawo le wɔna tɔxɛ si yi edzi le Benin City la me be: \"Dɔ gã nyadri aɖee wònye! Míenɔ mía ɖokuiwo biam be, 'Aleke dɔ sia anya wɔe?'\" Le ƒe 1999 me la, míekpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo esi wowɔ ɖoɖo be Fiaɖuƒe Akpata Tuha siwo dometɔ ɖe sia ɖe me ame ade va se ɖe enyi le la nakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu na hamewo ŋu le dukɔ bliboa me. Woto xɔ kpokploe tutu ƒe mɔnu aɖe vɛ, eye wotua Fiaɖuƒe Akpata 17 ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu, eye dɔ sia le edzi yim ƒe 14 sɔŋue nye esia.\nEsi Nɔviŋutsu Trost kafu vavalawo ɖe dɔ nyadri si wowɔ ta vɔ la, egblɔ be akpata geɖe gahiã. Le ƒe 2013 me la, Yehowa Ðasefo siwo le Nigeria la dzi ɖe edzi 8,000 kple edzivɔ. Egblɔ hã be: \"Ahiã be míanɔ Fiaɖuƒe Akpata 100 tum ƒe sia ƒe hafi míate ŋu anɔ te ɖe etsɔmehiahiãwo nu.\" Le ƒe 2013 me la, Ðasefo siwo le Nigeria ƒe agbɔsɔsɔe nye 351,000 eye wole hame 5,700 kple edzivɔwo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/fia%C9%96u%C6%92e-akpata-3000-le-nigeria\/","date":"2019-06-25T05:53:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00208.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991413951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991413950920105}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.343,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nye gbe sia gbe ŋugbledede\nKple dzimesusuwo katã\nNedze ŋuwò Oo, Yehowa.\nLi kem ɖe wò mɔ dzi sesĩe.\nNe dzimaɖitsitsiwo na\nAlɔ̃ bu ɖem le zã me la,\nMade ŋugble le wò Nya la\nKple nu siwo le dzɔdzɔe ŋu.\n2. Nu si'o ŋu woƒoa nu nyui le,\nSi'o le dzadzɛ, nye nyateƒe;\nŊugbledede nu siawo ŋu\nAna makpɔ ŋutifafa.\nOo Ma'u, wò susuwo goglo,\nSeɖoƒe meli na wo o.\nMade ŋugble le wo ŋu ɖaa.\nNye dzi aku ɖe wo ŋu ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/45-nye-%C5%8Bugbledede-nedze-%C5%8Buw%C3%B2\/","date":"2019-06-24T16:19:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999615.68\/warc\/CC-MAIN-20190624150939-20190624172939-00512.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.993716538,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9937165379524231}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi David Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso David ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO David Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe David Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012432\/univ\/art\/502012432_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/david\/","date":"2019-06-17T12:38:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00507.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979974031,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979974031448364}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Mose nɔ Sinai Toa dzi la, Yehowa gblɔ nɛ be wòatu avɔgbadɔ tɔxɛ aɖe, afi si Israel-viwo ade ta agu na ye le. Anye avɔgbadɔ si woatsɔ ɖe asi ne wole ʋuʋum.\nYehowa gblɔ be: 'Gblɔ na dukɔa be woadzɔ nu sia nu si woate ŋui hena avɔgbadɔa tutu.' Israel-viwo dzɔ sika, klosalo, akɔbli, kpe xɔasiwo kple sikanuwo. Wodzɔ lãfu, aklala, lãgbalẽwo kple nu bubu geɖewo hã. Wodzɔ nu faa tso dzi me ale gbegbe be Mose gblɔ na wo be: 'Enyo! Migatsɔ ɖeke vɛ azɔ o.'\nŊutsu kple nyɔnu siwo nye aɖaŋudɔwɔla bibiwo kpe asi ɖe avɔgbadɔa tutu ŋu. Yehowa na nunya wo wotsɔ wɔ dɔa. Wo dometɔ aɖewo tre ɖeti, ɖewo lɔ̃ avɔwo alo lɔ̃ nu ɖe avɔwo me. Ame bubuwo trɔ asi le kpewo ŋu, wɔ sika ŋu dɔ alo kpa atiwo.\nAmeawo tu avɔgbadɔa abe ale si tututu Yehowa gblɔe na wo ene. Wowɔ xɔmetsovɔ nyui aɖe tsɔ ma avɔgbadɔa me ɖe eve, akpa ɖeka nye Kɔkɔeƒe eye akpa evelia nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe. Nubablaɖaka la le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Akasiati ye wotsɔ wɔe eye wosisi sika ɖe eŋu. Le Kɔkɔeƒea la, sikakaɖiti, kplɔ̃ kple vɔsamlekpui si dzi wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le la li. Akɔblizɔ kple vɔsamlekpui gã aɖe le xɔxɔnua. Nubablaɖakaa ɖoa ŋku ŋugbe si Israel-viwo do be yewoaɖo to Yehowa la dzi na wo. Ènya nu si nubabla nyea? Enye ŋugbedodo tɔxɛ aɖe.\nYehowa tia Aron kple viaŋutsuwo be woanye nunɔlawo asubɔ le avɔgbadɔa me. Ele be woalé be nɛ, eye woasa vɔwo na Yehowa le afi ma. Nunɔlagã Aron koe kpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Eyia afi ma zi ɖeka le ƒe me be wòasa vɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe ƒomea ƒe nu vɔ̃wo kple Israel-dukɔ bliboa ƒe nu vɔ̃wo ta.\nIsrael-viwo wu avɔgbadɔa tutu nu ƒe ɖeka tututu esi wodzo le Egipte megbe. Fifia wokpɔ teƒe si woade ta agu na Yehowa le azɔ.\nYehowa na eƒe ŋutikɔkɔe yɔ avɔgbadɔa taŋ, eye alilikpo aɖe do ɖe avɔgbadɔa tame. Zi ale si alilikpoa le avɔgbadɔa tame ko la, Israel-viwo mehona o. Gake ne alilikpoa ho la, Israel-viwo kpɔnɛ be ehiã be yewoaho. Wokakana agbadɔa tsɔa eƒe akpa vovovoawo hedzea alilikpoa yome.\n\"Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ wògblɔ be: 'Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.'\"—Nyaɖeɖefia 21:3","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/5\/av%C9%94gbad%C9%94-mose\/","date":"2019-06-26T03:48:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00227.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995195806,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951958060264587}","num_words":398,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ADAM kple Xawa wokpe fu geɖe le Eden-bɔ la godo. Ele na wo be woawɔ dɔ sesĩe adi woƒe nuɖuɖu. Le ati ƒe kutsetse, siwo nya kpɔna teƒe la, wokpɔ be ŋu kple aŋɔka sɔŋ mie ƒo xlã yewo. Esiae va dzɔ esime Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu, eye womeganye Exɔlɔ̃wo o la.\nGake esi vɔ̃ɖi wu emae nye be, Adam kple Xawa wodze kuku gɔme. Ðo ŋku edzi be Mawu xlɔ̃ nu wo do ŋgɔ be, ne woɖu ati ɖeka aɖe ƒe tsetse la, woaku. Ẽ, gbemagbe ke, si woɖui la, wodze kuku gɔme. Bometsinu ka gbegbee nye esi wowɔ be womeɖo to Mawu o!\nAdam kple Xawa dzi wo viwo katã le esime Mawu nyã wo do goe le Eden-bɔa me megbe. Esia fia be wo viwo hã atsi aku amegã kple nyagã ahaku.\nNe Adam kple Xawa ɖe woɖo to Yehowa la, eya ko hafi wo kple wo viwo anɔ agbe le dzidzɔkpɔkpɔ me. Anye ne wo katã woanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le anyigba dzi. Anye ne ame aɖeke matsi aku amegã, alé dɔ ahaku o.\nMawu di be amewo nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me, eye Edo ŋugbe be gbeɖeka la, woanɔ agbe nenema. Menye ɖeko anyigba la katã anya kpɔ ko o, ke boŋ lãmesẽ anɔ amewo katã si. Eye amesiame anye xɔlɔ̃ nyui na amesiame, kple Mawu hã.\nGake Xawa meganye Mawu xɔlɔ̃ azɔ o. Eyata esime wòdzi viawo la, menɔ bɔbɔe nɛ o. Elé ku vevie. Tomaɖomaɖo Yehowa he nuxaxa geɖe vɛ nɛ, alo mele eme oa?\nAdam kple Xawa wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi geɖewo. Esi wodzi woƒe ŋutsuvi gbãtɔ la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Kain. Wotsɔ ŋkɔ na woƒe ŋutsui evelia be Habel. Nukae dzɔ ɖe wo dzi? Ènyaea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/agben%C9%94n%C9%94-ses%E1%BA%BD\/","date":"2019-06-17T13:33:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00543.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992707372,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992707371711731}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 2 va se ɖe 29, 2019 la le tata sia me.\nNu kae míate ŋu awɔ fifia be dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu ale be míate ŋu ado dzi le yometiti me?\nNe dziɖuɖua ɖo asi mía dzi be míagasubɔ Yehowa o la, nu kae wòle be míawɔ?\nNu ka tae nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le vevie ŋutɔ, eye aɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ si wode asi na mí la ade goe?\nAleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o alo ame siwo mexɔ Mawu dzi se o la ŋu be woava lɔ̃ Mawu ahazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo?\nAGBEMEŊUTINYA\nNu siwo me Manfred Tonak to le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me le Afrika la kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ dzigbɔɖi, kple ale si wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le esi ŋu, kpakple nɔnɔme nyui bubuwo.\nÐe nèsena le ɖokuiwò me enuenu be asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu oa? Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ avu kple seselelãme sia dzidzedzetɔe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-july-2019\/","date":"2019-06-17T14:16:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00543.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997741282,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977412819862366}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE DƆ mavɔleameŋu, srɔ̃gbegbe alo wò ame vevi aɖe ƒe ku na wò agbe tɔtɔ kura? Ne èɖo nɔnɔme siwo me màte ŋu awɔ naneke le o me la, àdi vevie be nɔnɔmea natrɔ gake àse le ɖokuiwò me hã be naneke meli yeawɔ o. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?\nBIBLIA ME KPƆÐEŊU: PAULO\nApostolo Paulo nye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla dovevienu si zɔ mɔ geɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Gake eƒe mɔzɔzɔa va tɔ kpe esi wolée madzemadzee sikae ɖe aƒe me heɖo dzɔlawo eŋu ƒe eve sɔŋ. Dzi meɖe le Paulo ƒo o, ke boŋ etsɔ susu ɖo nu siwo wòate ŋu awɔ le nɔnɔme ma me la ŋu. Egblɔ Biblia me nyawo na ame siwo katã va kpɔnɛ ɖa. Eŋlɔ lɛta geɖe siwo le Biblia me egbea gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 28:30, 31.\nNU SI ANJA WƆ\nAbe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Anja tsi teƒe ɖeka. Egblɔ be: \"Kansa na be nye agbenɔnɔ trɔ kura. Nyemedi be dɔléle bubuwo nagava kpe esia nam o, eya ta nyemegawɔa dɔ aɖeke alo kpɔa gome le hadomewɔna aɖeke me o.\" Aleke Anja wɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu? Egblɔ be: \"Asitɔtrɔ le nu siwo mewɔna ŋu kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Meléa fɔ ɖe nu siwo le vevie nam wu la ŋu eye mewɔa ɖoɖo ɖe wo ŋu le ale si wòanya wɔ nam la nu. Esia na mese le ɖokuinye me be mete ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nu.\"\n\"Mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.\"—Nya si Paulo gblɔ le Filipitɔwo 4:11\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nNe ewɔ abe nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ɖe kpe na wò le agbe me ene la, wɔ nu siwo gbɔna:\nTsɔ susu ɖo nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be màte ŋu awɔ naneke tso wò dɔlélea ŋu o, gake ɖe nàte ŋu ade kame, aɖu nu nyuie ahadɔ alɔ̃ nyuiea?\nTso nya me le nu si nàdi be yeawɔ le agbe me la ŋu. Di mɔ siwo dzi nàto anɔ taɖodzinu sia gbɔ ɖom vivivi la. Dze agbagba nàzã ɣeyiɣi vi aɖe gbe sia gbe nàtsɔ anɔ nu siwo nàwɔ be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ la wɔm.\nWɔ dɔ siwo ana nàse le ɖokuiwò me be yele te nɔm ɖe nɔnɔmea nu, nenye dɔ suesue aɖewoe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adzra nuɖukplɔ̃ dzi ɖo eye nàklɔ agbawo. Do awu nyuie. Wɔ dɔ siwo le vevie gbã le ŋdi me.\nDe dzesi nu nyui siwo kpɔm nèle le nɔnɔme sia me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò nɔnɔmea na nèva nya nu geɖe wu tso ale si nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu ŋua? Ðe nàte ŋu azã nunya sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua?\nNya Vevitɔ: Anɔ eme be màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe wò nɔnɔmea dzi o, gake àte ŋu àkpɔ ŋusẽ ɖe ale si nànɔ te ɖe nɔnɔmea nui la ya dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201507\/n%C9%94n%C9%94me-siwo-%C5%8Bu-m%C3%A0te-%C5%8Bu-aw%C9%94-naneke-le-o\/","date":"2019-06-24T20:17:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999709.4\/warc\/CC-MAIN-20190624191239-20190624213239-00241.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973931909,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973931908607483}","num_words":503,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TAÐODZINU kawoe nɔ asiwò esime nènye sɔhɛ? Ðewohĩ èɖoe be yeava ɖe srɔ̃ alo asrɔ̃ dɔ aɖe aɖu tu nɛ nyuie loo alo yeava kpɔ dɔ gbagbe aɖe awɔ. Gake menye ɣesiaɣie nuwo va yina na mí le agbe me abe ale si míeɖoe ene o. Nu siwo míele mɔ kpɔm na o la ate ŋu adzɔ si ana míaƒe agbe natɔtɔ kura. Aleae wòdzɔ ɖe Anja, Delina kple Gregory dzi.\nWokpɔ kansa le Anja si le Germany la ŋu esime wòxɔ ƒe 21 eye fifia etsi teƒe ɖeka kura.\nDelina si le United States le lãmekadɔ aɖe lém. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔa nɔvia etɔ̃ siwo nye wɔametɔwo la dzi.\nDzimaɖitsitsidɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na Gregory si le Canada.\nTogbɔ be Anja, Delina kple Gregory le nɔnɔme sesẽ mawo me hã la, wote ŋu le ta kpɔm na woƒe agbe. Aleke wowɔe?\nBiblia me lododo aɖe gblɔ be: \"Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.\" (Lododowo 24:10) Nya sia me kɔ: Ale si míebua nuwo ŋui le vevie. Ame siwo ɖea mɔ dzi ɖena le wo ƒo keŋkeŋ la ɖea asi le ŋusẽ vi si susɔ ɖe wo si la ŋu. Gake ame siwo kpɔa mɔ na nu nyuiwo togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, ya tea ŋu doa ŋusẽ nu nɔa te ɖe nɔnɔmeawo nu.\nKpɔ ale si esia nye nyateƒe le Anja, Delina kple Gregory gome la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201507\/kp%C9%94-ta-na-w%C3%B2-agbe\/","date":"2019-06-26T08:04:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000231.40\/warc\/CC-MAIN-20190626073946-20190626095946-00197.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976909161,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976909160614014}","num_words":241,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 20, 2014\nXEXEA ME ƑE NYADZƆDZƆWO\nNEW YORK—Le Memleɖa, March 22, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefowo adze amewo kpekpe le xexea me godoo be woava kpɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔna, si nye wɔna vevitɔ na Ðasefowo le ƒea me la teƒe. Le ƒe si va yi me la, ame 19,241,252 ye kpe ta hena wɔna tɔxɛ sia. Ðasefoawo le mɔ kpɔm be ame gbogbotɔ ade wɔnaa teƒe le ƒe sia me. Woawɔe le Dzoɖa, April 14, le ɣeɖoto megbe.\nJ. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã le New York gblɔ be: \"Míeka ɖe edzi be ame siwo katã ade Ŋkuɖodzia kpli mí la akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòaɖe vi na wo hã. Esia tae míele amewo kpem vevie hena wɔna kɔkɔe sia.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/yehowa-%C9%96asefowo-%C5%8Bku%C9%96odzi-2014\/","date":"2019-06-19T04:40:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998913.66\/warc\/CC-MAIN-20190619043625-20190619065625-00397.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973704219,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973704218864441}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nyɔnu, si le nɔnɔmetata sia mea? Eŋkɔe nye Rebeka. Eye ŋutsu, si wògbɔna go do gee lae nye Isak. Eyae ava zu srɔ̃a. Aleke esia va dzɔe?\nIsak fofo Abraham di be yeaɖe nyɔnu nyui aɖe na viaŋutsu la. Medi be Isak naɖe nyɔnu, siwo le Kanaan la dometɔ aɖeke o, elabena amesiawo dea ta gu na alakpamawuwo. Eyata Abraham yɔ eƒe dɔla hegblɔ nɛ bena: 'Medi be nàtrɔ ayi afisi nye ƒometɔwo le le Xaran, eye nàɖe srɔ̃ na vinye Isak.'\nEnumake Abraham ƒe dɔla la kplɔ kposɔ ewo hezɔ mɔ didi la. Esi wòte ɖe teƒe, si Abraham ƒe ƒometɔwo le la ŋu la, etɔ ɖe vudo aɖe to. Enye ɣetrɔ me, tɔmedeɣi, si dua me nyɔnuwo ava du tsi le vudoa me. Eyata Abraham ƒe dɔla do gbe ɖa na Yehowa be: 'Neva me be nyɔnu, si na tsi aɖem kple kposɔwo la nanye amesi nètia be wòanye Isak srɔ̃.'\nMekpɔ ɖe nu le eme o, kasia, Rebeka va tsi du ge. Esi dɔla la biae be wòana tsi ye yeano la, enae. Emegbe eyi ɖadu tsi vɛ na kposɔ tsikɔwuiawo katã wono wòɖi kɔ na wo. Dɔ sesẽ aɖee ma, elabena kposɔwo noa tsi fũ ŋutɔ.\nEsi Rebeka wɔ esia vɔ la, Abraham ƒe dɔla la bia fofoa ƒe ŋkɔ ta. Ebiae hã be yeate ŋu atsi woƒe aƒeme adɔ hã. Nyɔnuvi la ɖo ŋu be: 'Fofonyee nye Betuel, eye dzeƒe le mía si na wò be nadze mía gbɔ.' Abraham ƒe dɔla la nya be Betuel nye Abraham nɔviŋutsu Naxor ƒe vi. Eyata edze klo heda akpe na Yehowa le esi wòkplɔ ye va Abraham ƒe ƒometɔwo gbɔe la ta.\nLe zã ma me la, Abraham ƒe dɔla gblɔ nusitae wòva ɖo la na Betuel kple Rebeka nɔviŋutsu Laban. Wo kple eve la siaa lɔ̃ ɖe edzi be Rebeka ate ŋu ayi kplii, eye wòaɖe Isak. Esi wobia Rebeka be ayi hã la, nukae wògblɔ? Eblɔ be 'Ẽ,' elɔ̃ be yeayi. Eyata esi ŋu ke teti ko la, wode kposɔwo dzi, eye wodze mɔ didi la dzi hetrɔ yi ɖe Kanaan.\nWova ɖo le ɣetrɔ me. Rebeka kpɔ ŋutsu aɖe wòle zɔzɔm le gbea me. Isak ye. Esi wòkpɔ Rebeka la, dzi dzɔe ŋutɔ. Sara, si nye dadaa la ku ƒe etɔ̃ koe nye ma, eye wògale eƒe nu xam. Gake fifia la, Isak va lɔ̃ Rebeka vevie ŋutɔ, eye wògakpɔ dzidzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/isak-kple-rebeka\/","date":"2019-06-16T16:47:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998288.34\/warc\/CC-MAIN-20190616162745-20190616184745-00215.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986177087,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986177086830139}","num_words":398,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Sinu Kpɔkpɔ Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi\nTogbɔ be Yeremiya kpe fu vevie hã, nu kae kpe ɖe eŋu wòdo dzi eye nɔnɔme nyui nɔ esi?\n3:20, 21, 24, 26, 27\n-\nEka ɖe edzi be Yehowa \"abɔbɔ\" eye wòakpe ɖe Eƒe dukɔa me tɔ siwo trɔ dzi me ŋu woado go tso woƒe nɔnɔme wɔnublanui la me\n-\nEsrɔ̃ ale si \"wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.\" Ne míedo dzi to xɔse ƒe dodokpɔwo me le míaƒe ɖevime la, ewɔnɛ be míetea ŋu toa kuxiwo me emegbe le agbe me\nAleke mawɔ adzra ɖo ɖe kuxi siwo ava le etsɔme ŋu?\nAleke mawɔ aɖee afia be mele Mawu sinu kpɔm?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june12-18\/mawu-sinu-kp%C9%94kp%C9%94-kpena-%C9%96e-m%C3%ADa-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-25T14:13:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.27\/warc\/CC-MAIN-20190625132645-20190625154645-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985560179,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985560178756714}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Ele be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe nudidiwo eye woawɔ wo dzi ale be woƒe subɔsubɔ nadze eŋu. (Yes 2:3, 4) \"Mawu Ƒe Lɔlɔ̃\" gbalẽa, si nye agbalẽ evelia si míesrɔ̃na kple Biblia nusrɔ̃viwo kpena ɖe wo ŋu wodea dzesi ale si woawɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi gbe sia gbe. (Heb 5:14) Ne míele nu fiam wo la, ele be míadze agbagba aɖo woƒe dzi gbɔ ale be nu si wosrɔ̃ naʋã wo woawɔ tɔtrɔwo.—Ro 6:17.\nALE SI NÀWƆE:\nDzra ɖo nyuie, eye nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nanɔ susu me na wò. Bia nya siwo ana wòagblɔ eƒe susu tso ale si wòse le eɖokui me tso nusɔsrɔ̃a ŋu.—Lod 20:5; be 259\nZã aɖaka siwo le agbalẽa me nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ nu si ta wòle be wòawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi\nKpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòade ŋugble tso nya siwo ku ɖe ame ŋutɔ ƒe dzitsinya ŋu la ŋu, gake mègatso nya me nɛ o.—Ga 6:5","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec5-11\/mawu-l%C9%94l%C9%94%CC%83-gbal%E1%BA%BDa-amewo-dzi-gb%C9%94\/","date":"2019-06-15T23:01:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997501.61\/warc\/CC-MAIN-20190615222657-20190616004657-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996644258,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996644258499146}","num_words":156,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 20, 2014\nXEXEA ME ƑE NYADZƆDZƆWO\nNEW YORK—Guy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ le woƒe Dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York la ku le Braɖa, March 18 dzi le eƒe ƒe 79 lia xɔxɔ me.\nAƒetɔ Pierce wɔ dɔ le kɔmiti vovovo siwo kpɔa Ðasefowo ƒe dɔwo kple Biblia-fiafiadɔ si wowɔna le xexea me godoo dzi la me. Dɔ siwo wòwɔna le woƒe habɔbɔa me bia be wòanɔ mɔ zɔm edziedzi eye wòtoa esia dzi dea dzi ƒo na Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo. Togbɔ be dɔ geɖe nɔ edzi hã la, ekpɔa vovo ɖe ame siwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu alo aɖaŋuɖoɖo la ŋu, eye ale si wòkoa alɔgbɔnu hedoa nukokoe na ame la nana be amewo ɖea dzi ɖi le egbɔ. Exɔlɔ̃ veviwo kpɔe le eŋu be ame ɖe sia ɖe ƒomevi tea ŋu tena ɖe eŋu bɔbɔe. Aƒetɔ Pierce gblɔ tso eɖokui ŋuti le nuƒo aɖe si wòƒo le ame siwo wɔa subɔsubɔdɔa ɣeyiɣiawo katã la ƒe sukunuwuwɔna aɖe me be dzidzenu si nu yenɔa agbe ɖoe nye be: \"Lé dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi sesĩe, gake wò nya me megasẽ kpaɖi o. Mègado vlo ame siwo nàdo goe le wò subɔsubɔdɔa me o le esi woƒe dekɔnuwo to vovo ta o.\"\nWodzi Guy Hollis Pierce le Auburn si le California le November 6, 1934 dzi. Exɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo le August 14, 1955 dzi esime wòxɔ ƒe 20. Eɖe eƒe haxɔsetɔ Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Penelope (Penny) Wong le May 30, 1977 dzi eye wohe wo viwo ɖekae. Aƒetɔ kple aƒenɔ Pierce va zu ame siwo fia Biblia amewo ɣeyiɣiawo katã (siwo Yehowa Ðasefowo yɔna be gbesiagbe mɔɖelawo). Emegbe eva zu dzikpɔla mɔzɔla, eyina ɖasrãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔ le Amerika-dukɔa me godoo, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo fiaa Biblia amewo ɣeyiɣiawo katã kple ame bubuwo le hame siwo me wòyina la me. Le ƒe 1997 me la, wokpe aƒetɔ kple aƒenɔ Pierce be woava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika la ɣeyiɣiawo katã. Le October 2, 1999 me la, woɖe gbeƒãe be aƒetɔ. Pierce zu Dɔdzikpɔha la me tɔ.\nAƒetɔ Pierce ye nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 129 lia ƒe wɔnawo ƒe zimenɔla le October 5 kple 6, 2013 ƒe kwasiɖanuwuwua me. Ame 1,413,676 ye kpɔ gome le wɔnaa me le dukɔ 31 me, wo dometɔ aɖewo de wɔnaa wɔƒe ŋutɔ eye bubuwo hã kpɔe to internet-kadodowo dzi. Le Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe nya nu la, esiae nye Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ.\nAƒetɔ Pierce gblẽ srɔ̃a Penny, via dzidzi ade, tɔgbuiyɔviwo kple tɔgbuitɔgbuiyɔvi geɖewo ɖe megbe. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo siwo wòbuna be wonye yeƒe ƒometɔwo la hã ɖoa ŋku edzi vevie.\nEhati Dɔdzikpɔha me tɔ bubuwo ƒo nu tso \"xɔse sẽŋu si le esi kple ale si wòléa Yehowa ƒe sewo kple dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe\" la ŋu. Wogblɔ kpee be: \"Ŋkuɖoɖo eƒe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ dzi le eƒe anyigbadzinɔɣi dzi ayi edzi anɔ ŋusẽ dom mí hena ƒe geɖe.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/guy-pierce-d%C9%94dzikp%C9%94ha-me-t%C9%94-ku\/","date":"2019-06-27T02:38:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000610.35\/warc\/CC-MAIN-20190627015143-20190627041143-00122.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984949231,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984949231147766}","num_words":511,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.305,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.\"\nVIÐEAWO: Ame aɖewo bua nya siawo gbe aɖe gbe nyawoe. Ke hã, woda ƒu kura! Ale si nuteƒemawɔmawɔ doa vevesese na ame egbeae la, nenema ke ko wònɔ le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia hã me.\nJessie, si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo la, gblɔ be: \"Nuteƒewɔwɔ na srɔ̃nye na nye kplii dome va le nyuie ŋutɔ, eye wònana míekpɔa dzidzɔ. Nyateƒee, kaka ɖe ame nɔewo dzi hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Nuteƒemawɔmawɔ nana be srɔ̃tɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o\" eye esia va gblẽa nu le ɖeviwo hã ŋu!\nLigaya * de eƒe srɔ̃ɖeɖe afɔku me. Egblɔ be: \"Meva te hadede kple ame baɖawo. Esia nana be meyia zãmodzakaɖeƒewo, eye meva nɔ ŋutsu bubuwo gbɔ dem.\" Ðe agbenɔnɔ sia na be wòkpɔa dzidzɔa? Eya kple srɔ̃a wowɔa dzre ɣesiaɣi, eye wòxaa nu. Egagblɔ be: \"Esi mede ŋugble tso kuxi si gbegbe me meƒo ɖokuinye ɖo ŋu la, mekpɔe be dzinyelawo ƒe nya si wolɔ̃a gbɔgblɔ be, 'Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo' la nye nyateƒe.\"\nLigaya yi edzi be: \"Hafi kuxiawo nava do gã ɖe edzi la, metso nya me heɖe asi le agbe baɖa siwo nɔm menɔ la ŋu, eye mete Biblia sɔsrɔ̃ hewɔna ɖe nu siwo mesrɔ̃ la dzi.\" Aleke wòɖe vi nɛ? Ekpɔ eƒe srɔ̃ɖeɖea ta, eye srɔ̃a va léa be nɛ hedea bubu eŋu geɖe wu. Egblɔ be: \"Biblia na metrɔ nye agbenɔnɔ eye mevem kpɔ be meɖe asi le tsãgbenɔnɔwo kple yaɖixɔlɔ̃ mawo ŋu o.\"\n^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201502\/nute%C6%92ew%C9%94w%C9%94\/","date":"2019-06-17T21:04:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00447.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999274075,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992740750312805}","num_words":260,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae Yosef lũ ge hafi do ɖe Farao ŋkume?\nLe Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe nya nu la, Farao de se be woakplɔ Hebrivi gamenɔla Yosef ava ye ŋkume kaba ne wòaɖe drɔ̃e ɖefuname si yeku la gɔme na ye. Ɣemaɣi la, ƒe aɖewo va yi xoxo tso esime wode Yosef gaxɔ me. Togbɔ be ehiã kpata be woakplɔ Yosef ayi Farao ŋkume hã la, Yosef di ɣeyiɣi lũ ge hafi yi. (1 Mose 39:20-23; 41:1, 14) Nyateƒe si wònye be ŋutinyaŋlɔla la ŋlɔ nu tso nya sia si dze abe mehiã boo o ene ŋu la ɖee fia be enya Egiptetɔwo ƒe kɔnuwo nyuie.\nGeɖoɖo nye nu si bɔ ɖe blemadukɔ geɖewo me ɣemaɣi, eye Hebritɔwo hã ɖoa ge. Gake numekugbalẽ si McClintock kple Strong ŋlɔ la gblɔ be: \"Blema Egipte koe nye Ɣedzeƒedukɔ ɖeka pɛ si me tɔwo melɔ̃a geɖoɖo o.\"—McClintock and Strong's Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature.\nGe ɖeɖe koe Egiptetɔwo lũna? Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be le Egiptetɔwo ƒe kɔawo nu la, hafi ŋutsu aɖe nayi Farao ŋkume la, ehiã be wòadzra eɖokui ɖo abe ale si wòawɔe ne eyina gbedoxɔ me ene. (Biblical Archaeology Review) Ne nyaa le alea la, ke afia be Yosef lũ ge kple fu ɖe sia ɖe le eɖokui ŋu hafi do ɖe Farao ŋkume.\nWogblɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be Timoteo fofo nye Helatɔ. Ðe esia fia be Hela ye wòtsoa?\nMefia nenema kokoko o. Le agbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ me la, eyɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be Helatɔwo ɣeaɖewoɣi, abe ɖe wòtsɔ nya Helatɔ le ame siwo katã menye Yudatɔwo o la ɖɔm ene. (Romatɔwo 1:\nAme kawoe blematɔwo buna Helatɔwoe? Le ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Atenetɔ nuƒola bibi si ŋkɔe nye Isocrates gblɔ dadatɔe be Helatɔwo ƒe kɔnuwo le ta kekem le xexea me. Le esia ta egblɔ be, \"ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su woxɔ hehe abe mía detɔwo ene lae woyɔna be Helatɔwo, ke menye Hela vidzidziwo koe o.\" Eya ta togbɔ be míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o hã la, anɔ eme be ɖe Paulo yɔ Timoteo fofo si menye Yudatɔ o kple ame bubu siwo wòyɔ be Helatɔwo la be Helatɔwo le esi wonɔa agbe ɖe Helatɔwo ƒe kɔawo nu ta, ke menye le esi wonye Hela vidzidziwo ta o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151101\/yosef-farao-timoteo\/","date":"2019-06-17T21:28:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00447.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990468025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999046802520752}","num_words":391,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU ÐU ŊUTITOTO MAMLƐTƆ KPLE EƑE APOSTOLOWO\nEFIA NU VEVI AÐE EƑE APOSTOLOWO ESI WÒKLƆ AFƆ NA WO\nPetro kple Yohanes yi Yerusalem ɖadzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu xoxo abe ale si Yesu dɔ wo be woawɔe ene. Emegbe Yesu kple apostolo ewo mamlɛawo ɖo ta afi ma. Ŋdɔ mee, eye ɣea le to ɖom esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le ɖiɖim le Amitoa dzi. Esiae nye zi mamlɛtɔ si Yesu anɔ toa dzi akpɔ dua ɖaa le ŋkeke me halase eƒe tsitretsitsi megbe.\nEteƒe medidi o, Yesu kple etɔwo ɖo dua me eye woɖo ta aƒe si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le. Woflɔ atrakpuiawo yi xɔ gã aɖe me le dziƒoxɔa dzi. Le afi ma la, wokpɔe be wowɔ dzadzraɖo siwo katã hiã hena woawo ɖeɖe ƒe nua ɖuɖu. Yesu nɔ mɔ kpɔm na wɔna sia vevie, elabena egblɔ be: \"Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu.\"—Luka 22:15.\nƑe geɖe do ŋgɔ la, ɖoɖo aɖe nɔ anyi be woatsɔ kplu xexlẽme aɖe siwo me wain le la atsa le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖulawo dome. Azɔ esi Yesu xɔ kpluawo dometɔ ɖeka la, eda akpe eye wògblɔ be: \"Mia dometɔ ɖe sia ɖe nexɔe eye wòano le enu, elabena mele egblɔm na mi be, tso fifia dzi la, nyemegale wain no ge akpɔ o va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo.\" (Luka 22:17, 18) Esia ana woakpɔe kɔtɛ be eƒe kuɣi gogo.\nEsime wole Ŋutitotonua ɖum la, nane si womekpɔ mɔ na o la dzɔ. Yesu tsi tre, eɖe eƒe awudziwuiwo, eye wòtsɔ papahũ. Azɔ eku tsi ɖe agba gã aɖe si le afi ma la me. Zi geɖe la, ame si xɔ amedzro la kpɔa egbɔ be ame aɖe, ɖewohĩ subɔvi aɖe, klɔ afɔ na amedzroawo. (Luka 7:44) Gake le go sia me la, amedzroxɔla aɖeke meli o, eya ta Yesu wɔ subɔsubɔdɔ sia. Apostoloawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ dɔ sia hafi, gake wo dometɔ aɖeke mewɔe o. Ðe wòanye be hoʋiʋli aɖee gakpɔtɔ nɔ wo dome taea? Aleke kee wòɖale o, ekpe ŋu na wo be Yesu naklɔ afɔ na yewo.\nEsi Yesu va Petro gbɔ la, egbe hegblɔ be: \"Gbeɖe, màklɔ afɔ nam akpɔ o.\" Yesu ɖo eŋu nɛ be: \"Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema gome aɖeke mele asiwò le gbɔnye o.\" Petro ɖe eƒe seselelãme fia esi wògblɔ be: \"Aƒetɔ, ekema menye nye afɔwo ɖeɖe ko o, ke nye asiwo kple nye ta hã.\" Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu nɛ la anya wɔ nuku nɛ. Egblɔ nɛ be: \"Ame si le tsi la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ, elabena eŋuti katã ɖi xoxo. Eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.\"—Yohanes 13:8-10.\nYesu klɔ afɔ na wo ame 12 la katã, Yuda Iskariot hã le eme. Esi Yesu tsɔ eƒe awudziwuiawo do eye wògava nɔ kplɔ̃a ŋu la, ebia wo be: \"Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? Mieyɔam be 'Nufiala' kple 'Aƒetɔ,' eye esɔ nenema, elabena eyae menye. Eya ta ne nye, ame si nye Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ afɔ na mi la, ekema ele na miawo hã be miaklɔe na mia nɔewo. Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, kluvi mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ mewua ame si dɔe ɖa la o. Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.\"—Yohanes 13:12-17.\nAmewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe nufiame nyui kae nye esi! Mele be Yesu yomedzelawo nanɔ nɔƒe gbãtɔ dim ahasusui be yewole vevie eya ta ele be ame bubuwo nasubɔ yewo o. Ele be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, menye to afɔkɔklɔ na ame abe kɔnu ene dzi o, ke boŋ ele be woalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo le ɖokuibɔbɔ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/efia-%C9%96okub%C9%94b%C9%94-%C5%8Butitoto-maml%C9%9Bt%C9%94\/","date":"2019-06-19T16:44:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987871051,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987871050834656}","num_words":625,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WÒE ma ge ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, gake mègakpɔ teƒea dze sii o, elabena wole ezãm be wòanye afi si woana kpekpeɖeŋu ame siwo dzi dzɔdzɔmefɔku dzɔ ɖo la hena ɣeyiɣi aɖe. Èkpɔa dzidzɔ ɖe teƒe sia ŋu ɣesiaɣi si nèva afi ma. Ðewohĩ ètsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku ale si nèkpe asi ɖe etutu ŋu ƒe aɖewoe nye esia la gɔ̃ hã dzi. Gake fifia, ègakpɔ dzidzɔ ɖe teƒea ŋu ɖe edzi. Esi ahom kple tsi gã aɖe gblẽ nu le miaƒe nutoa me ta la, alɔdzedɔwɔƒea wɔ kpekpeɖeŋunaɖoɖo enumake be woana nuɖuɖu, nudodo, tsinono, kple nu bubuwo ame siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le. Woɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe ɖoɖo nyui nu le Fiaɖuƒe Akpataa me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le zi nyem va teƒea eye wole woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔm na wo, si wɔe be ɖeko wo dometɔ geɖe le dzidzɔvi fam.\nYesu gblɔe ɖi be nu vevitɔ si woatsɔ ade dzesi ye yomedzelawoe nye lɔlɔ̃ si anɔ wo dome. (Yoh. 13:34, 35) Le akpa adelia sia me la, míadzro ale si Yehowa Ðasefowo to woƒe xɔtudɔwo kple kpekpeɖeŋu siwo wonana ne afɔkuwo dzɔ la dzi le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖem fiae me. Lɔlɔ̃ɖeɖefia siawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu be Yesu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua teviwoe míenye vavã.\nLE AKPA SIA\nTA 18\nAfi kae wokpɔa gaa tsoe? Aleke wozãnɛ?\nTA 19\nMíaƒe tadedeaguƒewo dea bubu Mawu ŋu, gake Mawu dea asixɔxɔ nu bubu aɖe kura ŋu wu tadeaguƒeawo.\nTA 20\nAleke míewɔ nya be kpekpeɖeŋunadɔa hã nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si míewɔna na Yehowa la ƒe akpa aɖe?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/kpekpe%C9%96e%C5%8Buna%C9%96o%C9%96o\/","date":"2019-06-19T17:16:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973365068,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973365068435669}","num_words":253,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Hiob Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Hiob ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Hiob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Hiob Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012430\/univ\/art\/502012430_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/hiob\/","date":"2019-06-18T13:50:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00075.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99858284,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":10,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985828399658203}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èdi be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, ke ele be nanɔ subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo me. Yesu gblɔ be 'nyateƒe subɔlawo' asubɔ Mawu le \"nyateƒe\" me. (Yohanes 4:23, 24) Mɔ nyui ɖeka koe li si dzi woato asubɔ Mawu. (Efesotɔwo 4:4-6) Subɔsubɔha vavãtɔ kplɔa ame yia agbe mavɔ mee, eye alakpasubɔsubɔ kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me.—Mateo 7:13, 14.\nÀte ŋu akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze sii ne èlé ŋku ɖe amesiwo le eme ƒe agbenɔnɔ ŋu. Esi Yehowa nye ame nyui ta la, ele be amesiwo nye esubɔla vavãwo nanye ame nyuiwo. Abe alesi aŋutiti nyui tsea aŋuti nyuiwo ene la, nenemae subɔsubɔha vavãtɔa wɔa emenɔlawo ame nyuiwoe.—Mateo 7:15-20.\nYehowa xɔlɔ̃wo dea bubu deto Biblia ŋu. Wonya be Mawu gbɔe Biblia tso. Woɖea mɔ be nusi wògblɔ nafia mɔ yewo le agbe me, wòakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ, eye be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. (Timoteo II, 3:16) Wodzea agbagba tsɔa nya siwo woɖea gbeƒãe wɔa dɔe.\nYehowa xɔlɔ̃wo lɔ̃a wo nɔewo. Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo esi wòfia nu wo tso Mawu ŋu, eye wòyɔ dɔ amesiwo nɔ dɔ lém. Amesiwo le subɔsubɔha vavãtɔ me hã lɔ̃a wo nɔewo. Abe Yesu ene la, womeɖia gbɔ ame dahewo alo gbebubudolawo o. Yesu gblɔ be amewo ato lɔlɔ̃ si woɖena fiana wo nɔewo dzi anya be yeƒe nusrɔ̃lawoe wonye.—Yohanes 13:35.\nMawu xɔlɔ̃wo dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa ŋu. Ne ame aɖe gbe wò ŋkɔ zazã la, xɔ̃wò kplikplikplie ame ma nyea? Ao! Ne ame aɖe nye mía xɔlɔ̃ la, míezãa eƒe ŋkɔ, eye míeƒoa nu nyui tso mía xɔlɔ̃a ŋu na amewo. Eyata ele be amesiwo di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃ nazã eƒe ŋkɔ eye woaƒo nu tso eŋu na amewo. Yehowa di be míawɔ ema.—Mateo 6:9; Romatɔwo 10:13, 14.\nAbe Yesu ene la, Mawu xɔlɔ̃wo fiaa nu amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye dziƒodziɖuɖu si awɔ anyigba la wòazu paradiso. Mawu xɔlɔ̃wo gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui sia na ame bubuwo.—Mateo 24:14.\nYehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo. Wodea bubu Biblia ŋu eye wolɔ̃a wo nɔewo. Azɔ hã wozãa Mawu ƒe ŋkɔ hedea bubu eŋu eye wofiaa nu ame bubuwo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔe nye vavãtɔ le anyigba dzi egbea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-akp%C9%94-sub%C9%94sub%C9%94ha-vav%C3%A3t%C9%94-adze-sii\/","date":"2019-06-27T06:14:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000894.72\/warc\/CC-MAIN-20190627055431-20190627081431-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979982376,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979982376098633}","num_words":370,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋua?\nYehowa Mawu wɔ mawudɔla miliɔn geɖe xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:4, 7) Mawudɔla siawo nye gbɔgbɔmeme siwo si ŋusẽ le, siwo wɔa Mawu ƒe gbe dzi. Ɣeaɖewoɣi la, Mawu dɔa wo ɖa be woafia mɔ yeƒe subɔla siwo le anyigba dzi ahakpɔ wo ta. (Psalmo 91:10, 11) Egbea, mawudɔlawo le kpekpem ɖe amewo ŋu be nya nyui si Yesu yomedzelawo le gbeƒã ɖemee la naɖe vi na wo.\nÐe wòle be míado gbe ɖa na mawudɔlawoa? Ao. Subɔsubɔnuwɔnae gbedodoɖa nye, eye Mawu ɖeka koe wòdze be míado gbe ɖa na. (Nyaɖeɖefia 19:10) Esi wònye be Mawu ƒe subɔlawoe mawudɔlawo nye ta la, womewɔa amewo ƒe gbe dzi o, ke boŋ Mawu ƒe gbe dzie wowɔna. Eya ta Mawu ɖeka koe wòle be míado gbe ɖa na to Yesu dzi.\nÐe mawudɔla vɔ̃ɖiwo hã lia?\nEsi Mawu wɔ mawudɔlawo la, ena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo abe amegbetɔwo ke ene, si fia be woate ŋu atiae be yewoawɔ nyui alo vɔ̃. Nublanuitɔe la, mawudɔla geɖewo dze aglã ɖe Mawu ŋu. (2 Petro 2:4) Wo dometɔ si dze aglã gbã lae nye Satana; bubuwo hã dze eyome eye wozu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo hetsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi.\nŊutasesẽ kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siwo le dzidzim ɖe edzi tso ƒe 1914 me ke la nye dzesi be eteƒe madidi o, Mawu axɔ ŋusẽ le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa si. Ekema Mawu ana anyigba la nazu Paradiso abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140901\/mawud%C9%94lawo-gb%C9%94gb%C9%94-v%C9%94%CC%83wo\/","date":"2019-06-18T13:06:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00237.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955498576,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955498576164246}","num_words":258,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE ISRAEL-VIWO ɖo fukpekpe me la, wodoa ɣli yɔa Yehowa. Yehowa ɖoa eŋu na wo, eye wònaa kplɔla sesẽwo be woakpe ɖe wo ŋu. Biblia yɔ kplɔla siawo be ʋɔnudrɔ̃lawo. Yosuae nye ʋɔnudrɔ̃la gbãtɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la siwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖewoe nye Otniel, Ehud kple Samgar. Gake amesiwo kpe ɖe Israel ŋu la dometɔ eve nye nyɔnuwo; wo ŋkɔe nye Debora kple Yael.\nDebora nye nyɔnu nyagblɔɖila. Yehowa gblɔa nusi ava dzɔ la nɛ, eye wògblɔa nusi Yehowa gblɔ la na dukɔa. Debora nye ʋɔnudrɔ̃la hã. Enɔa anyi ɖe deti aɖe te le todua me, eye amewo vaa egbɔ hena kpekpeɖeŋu le woƒe kuxiwo me.\nƔeyiɣi sia me la, Yabin nye Kanaan-fia. Aʋatasiaɖam 900 le esi. Eƒe aʋawɔlawo sesẽ ale gbegbe be wozi Israel-vi geɖe dzi wova zu kluviwo na Yabin. Fia Yabin ƒe aʋakplɔlagã enye Sisera.\nGbeɖeka Debora dɔ ame woɖayɔ Ʋɔnudrɔ̃la Barak vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: 'Yehowa gblɔ be: \"Ðe ŋutsu 10,000, nàkplɔ wo ayi Tabo-to dzi. Makplɔ Sisera vɛ na wò le afima. Eye mana nàɖu eya kple eƒe aʋawɔlawo dzi.\"'\nBarak gblɔ na Debora be: 'Ne àyi kplim la, ke mayi.' Debora kplɔe ɖo, gake egblɔ na Barak bena: 'Ne èɖu dzi la, kafukafu manye tɔwò o, elabena Yehowa atsɔ Sisera ade nyɔnu aɖe si me.' Alea wòva dzɔe.\nBarak ɖi tso Tabo-toa dzi be yeado go Sisera ƒe aʋawɔlawo. Tete Yehowa na tsiɖɔɖɔ va eye futɔ, siwo nye aʋawɔlawo la no tsi ku. Gake Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me hesi dzo.\nƔeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Sisera va Yael ƒe agbadɔ gbɔ. Eyɔe be nege ɖe eme, eye wòna notsie wòno. Esia na be alɔ̃ tsɔe, eye kasia edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ. Tete Yael tsɔ tsyoti, si wòkpa tsũe la heƒo ɖe ŋutsu vɔ̃ɖi sia ƒe tame. Emegbe esi Barak va la, etsɔ Sisera kuku la fiae! Eyata èkpɔ be nusi Debora gblɔ la va eme nyateƒe.\nMlɔeba la, wowu Yabin hã, eye Israel-viwo gakpɔ tomefafa vi aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/ny%C9%94nu-kal%E1%BA%BDt%C9%94wo\/","date":"2019-06-19T18:06:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00397.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997870326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997870326042175}","num_words":325,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èle ŋutsu siwo le nɔnɔmetataa me kpɔma?— Woƒe ŋkɔwoe nye Mateo, Marko, Luka, Yohanes, Petro, Yakobo, Yuda kple Paulo. Ŋutsu siawo nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la me, eye woŋlɔ nu tso Yesu ŋu. Na míasrɔ̃ nu tso wo ŋu vie.\nNu kae nènya tso ŋutsu siawo ŋu?\nŊutsu siawo dometɔ etɔ̃ nye apostolo siwo ɖe gbeƒã kple Yesu. Ènya ŋutsu etɔ̃ siawoa?— Woawoe nye Mateo, Yohanes kple Petro. Apostolo Mateo kple Yohanes nya Yesu nyuie, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋlɔ nu tso Yesu ŋu. Apostolo Yohanes kee ŋlɔ agbalẽ siwo ŋkɔwoe nye Nyaɖeɖefia, Yohanes Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Yohanes Ƒe Agbalẽ Evelia kple Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia hã. Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ eve. Agbalẽ siawoe nye Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Petro Ƒe Agbalẽ Evelia. Le Petro ƒe agbalẽ evelia me la, eŋlɔ nu tso ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu tso dziƒo la ŋu. Ɣemaɣi la, Yehowa gblɔ tso Yesu ŋu be: 'Ame siae nye vinye. Melɔ̃e, eye eƒe nu dzea ŋunye.'\nŊutsu bubu siwo le nɔnɔmetataa me hã fia nu tso Yesu ŋu le woƒe agbalẽ siwo woŋlɔ la me. Wo dometɔ ɖekae nye Marko. Anɔ eme be enɔ eteƒe esime wolé Yesu eye wòkpɔ nu sia nu si dzɔ ɣemaɣi. Bubue nye Luka. Enye ɖɔkta eye anɔ eme be eva zu Kristotɔ esi Yesu ku megbe.\nBiblia-ŋlɔla eve bubu siwo kpɔm nèle le nɔnɔmetataa me la nye Yesu nɔviŋutsuwo. Ènya woƒe ŋkɔwoa?— Woƒe ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yuda. Gbã la, womexɔ Yesu dzi se o. Wobu gɔ̃ hã be edze aɖaʋa. Gake wova xɔ Yesu dzi se emegbe eye wozu Kristotɔwo.\nBiblia-ŋlɔla susɔea si kpɔm nèle le nɔnɔmetataa me la ŋkɔe nye Paulo. Hafi wòava zu Kristotɔ la, eŋkɔe nye Saul. Melɔ̃a Kristotɔwo ƒe nya kura o eye wòsẽa ŋuta le wo ŋu. Ènya nu si na Paulo va zu Kristotɔa?— Gbe ɖeka la, Paulo le mɔ dzi yina Damasko eye wòse ame aɖe ƒe gbe wònɔ nu ƒom nɛ tso dziƒo. Yesue! Ebia Paulo be: 'Nu ka tae nèle ŋuta sẽm le ame siwo xɔ dzinye se la ŋu nenema gbegbe?' Le ema megbe la, Paulo trɔ dzi me eye wòzu Kristotɔ. Paulo ŋlɔ agbalẽ siwo le Biblia me la dometɔ 14. Eƒe agbalẽawo dze egɔme tso Romatɔwo va se ɖe Hebritɔwo dzi.\nÐe míexlẽa Biblia gbe sia gbe oa?— Biblia xexlẽ nana míesrɔ̃a nu geɖe tso Yesu ŋu. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ŋua?—","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/ame-siwo-%C5%8Bl%C9%94-nu-tso-yesu-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-17T01:35:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998339.2\/warc\/CC-MAIN-20190617002911-20190617024911-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998385191,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983851909637451}","num_words":407,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA\nMenye drɔ̃eƒenyae taɖodzinu nye o, ke boŋ enye nu si nèle mɔ kpɔm na be adzɔ ŋutɔŋutɔ. Ebia be woawɔ ɖoɖo, ada asɔ, eye woado vevie dɔ awɔ.\nTaɖodzinu ate ŋu anye esi (axɔ ŋkeke aɖewo alo kwasiɖa aɖewo), bubu ate ŋu anye esi didi vie si (axɔ ɣleti aɖewo) kple esi axɔ ɣeyiɣi geɖe (ƒe ɖeka alo esi wu ema). Taɖodzinu suesuesuewo gbɔ ɖoɖo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ava ɖo esi axɔ ɣeyiɣi la gbɔ.\nNU SI TA WÒLE VEVIE\nNe èɖo taɖodzinu aɖe gbɔ la, ana dzi naɖo ƒowò, ana nàdze xɔ̃ nyuiwo, eye àkpɔ dzidzɔ wu tsã.\nAna dzi naɖo ƒowò: Ne èɖo taɖodzinu suewo eye nète ŋu ɖo wo gbɔ la, dzi aɖo ƒowò be nàminya gãwo. Eye ne èdo go nuwo abe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ene la, dzi anɔ ƒowò nànɔ te ɖe wo nu.\nXɔlɔ̃wo: Edzɔa dzi na amewo be yewoanɔ ame siwo si taɖodzinu ɖɔʋuwo le la dome, ame siwo nya taɖodzinu si minyam wole eye wodzea agbagba be yewoaɖo wo gbɔ. Azɔ hã, mɔ vevi aɖe si dzi ame ato ana ƒomedodo si le eya kple exɔlɔ̃ dome nasẽ wue nye be woaminya taɖodzinu ɖeka.\nDzi adzɔ wò: Ne èɖo taɖodzinu na ɖokuiwò eye nèɖo egbɔ la, dzi adzɔ wò.\n\"Melɔ̃a taɖodzinuwo ɖoɖo na ɖokuinye. Nye susu nɔa wo ŋu eye medzea agbagba be maɖo taɖodzinuawo gbɔ. Eye ne ète ŋu ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ, eye nètrɔ kpɔ megbe la, dzi adzɔ wò nàgblɔ be, 'Ɛhɛ̃, mete ŋu wɔe! Mete ŋu wɔ nu si meɖo be mawɔ la.'\"—Christopher.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Ame si le ŋku lém ɖe yaƒoƒo ŋu la maƒã nu o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpowo ŋu la maŋe nu o.\"—Nyagblɔla 11:4.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nÐe afɔ siawo ne woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wo taɖodzinuwo gbɔ.\nDe vovototo nuwo me. Ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nàdi be yeaɖo la ɖe ɖoɖo nu, vevitɔwo nava gbã, eye nàtia esi gbɔ nàdi be yeaɖo gbã, evelia kple bubuawo.\nWɔ ɖoɖo. Be nàɖo taɖodzinu ɖe sia ɖe gbɔ la, wɔ nu siawo:\nÐo ɣeyiɣi si sɔ na taɖodzinua gbɔ ɖoɖo.\nWɔ ɖoɖo ɖe nu siwo nàwɔ hafi aɖo egbɔ la ŋu.\nKpɔ mɔ be kuxiwo ado mo ɖa, eye nàbu ale si nàwɔ aɖu wo dzi la ŋu.\nDze egɔme. Mègalala be nu sia nu nasɔ gbe keŋkeŋ hafi nàɖe afɔ o. Bia ɖokuiwò be, 'Nu kae nye nu gbãtɔ si mate ŋu awɔ be maɖo nye taɖodzinua gbɔ?' Ekema wɔe. De dzesi taɖodzinua ƒe akpa siwo gbɔ nète ŋu ɖo xoxo.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.\"—Lododowo 21:5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2018-jul-aug\/%C6%92omewo-kp%C9%94a-dzidzedze-ta%C9%96odzinuwo\/","date":"2019-06-25T13:49:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.27\/warc\/CC-MAIN-20190625132645-20190625154645-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988802075,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988802075386047}","num_words":436,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! 2004-10-08 Vifofowo ƒe Anyimanɔmanɔ—Enye Kuxi si Le Dzidzim Ðe Edzi Fofo si Ƒomevi Ðeviwo Hiã Alesi Nàwɔ Anye Vifofo Nyui Biblia me Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Pigmiwo Dzidzɔ Kple Kuxi Siwo Le Ƒewuimenɔnɔ Me 'Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Dzinye?' \"Ðo Ŋku Wɔwòla Dzi\" Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe Aleke Mawɔ Nye Ŋugbetɔ Nadzudzɔ Ŋutasesẽ le Ŋunye? Nukae Ƒome Tanyenye Fia? Sɔhɛ Siwo Ƒoa Nu tso Woƒe Xɔse ŋu Vɔvɔ̃manɔmee \"Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me\" Ðeviwo ƒe Fefenu Nyuitɔwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20041008\/","date":"2020-01-20T03:39:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597230.18\/warc\/CC-MAIN-20200120023523-20200120051523-00390.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985650182,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985650181770325}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woŋlɔ nya siawo siwo dze le Lododowo 14:30 la, ƒe akpe etɔ̃ aɖewoe nye esia! Wona míekpɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo nu meyina o. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, ekema ʋu jw.org\/ee. Àkpɔ videowo, nutatawo, gbebiamewo kple nyati bubu siwo dome esiwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu la le afi ma. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\n\"Dzi Fatu Naa Agbe Ametia\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2020-mar-apr\/dzi-fatu-agbe-ametia-14-30\/","date":"2020-01-18T12:02:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250592565.2\/warc\/CC-MAIN-20200118110141-20200118134141-00284.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998670578,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986705780029297}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mide ta agu na ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.\"\nAbe ale si nàde dzesii ene la, Biblia me mɔfiame geɖewo le agbalẽ gbadza sia me siwo akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋu. Yehowa di be miakpɔ dzidzɔ. Edo ŋugbe be ne mietsɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, \"woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.\" (Mateo 6:33) Edi vevie be mianye ye xɔlɔ̃wo. Midze agbagba ɖe sia ɖe miazu exɔlɔ̃wo. Esiae nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si.\n1 MIDO ŊUSẼ ƑOMEDODO SI LE MI KPLE YEHOWA DOME\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"'Manye fofo na mi, eye miawo mianye viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam,' Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.\" (2 Korintotɔwo 6:18) Mawu di be mianye ye xɔlɔ̃ veviwo. Gbedodoɖa nye mɔ siwo dzi miato awɔ esia la dometɔ ɖeka. Yehowa di be mianɔ \"gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.\" (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Edi vevie be yease miaƒe dzimenyawo kple dzimaɖeɖiwo. (Filipitɔwo 4:6) Ne èdoa gbe ɖa kple wò ƒomea la, ana woakpɔe be èxɔ Yehowa dzi se vevie.\nTsɔ kpe ɖe nuƒoƒo na Mawu ŋu la, ehiã hã be miase eƒe nyawo. Miate ŋu awɔ esia ne miesrɔ̃a eƒe Nya la kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. (Psalmo 1:1, 2) Mide ŋugble le nu siwo miesrɔ̃na la ŋu. (Psalmo 77:12, 13) Ehiã hã be mianɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi.\nNuƒoƒo tso Yehowa ŋu na amewo nye mɔ vevi bubu si dzi miato ado ŋusẽ ƒomedodo si le mi kple Mawu dome. Zi ale si miele esia wɔm la, zi nenemae mia dome anɔ kplikplikpli wu.\nNU SI MIATE ŊU AWƆ:\nMiɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi gbe sia gbe hena Biblia-xexlẽ kple gbedodoɖa\nMawusubɔsubɔdɔwo nenye nu vevitɔ na mi le ƒomea me hafi modzakaɖeɖe kple dzidzɔdodonameɖokui nakplɔe ɖo\n2 MINA MIAƑE ƑOMETADEDEAGU NAÐE VI\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Mite ɖe Mawu ŋu.\" (Yakobo 4:8) Ele be ƒometadedeagu * ƒe ɖoɖo nanɔ mia si eye mianɔ ƒometadedeagua wɔm edziedzi. (1 Mose 18:19) Gake nu bubu aɖewo hã hiã. Ele be miaɖo ŋku Mawu dzi le miaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo katã me. Ehiã be nàƒo nu tso eŋu \"ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ\" ale be wò ƒomea kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli wu. (5 Mose 6:6, 7) Miɖoe kplikpaa be yewoasrɔ̃ Yosua ame si gblɔ be: \"Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!\"\nNU SI MIATE ŊU AWƆ:\nMiɖoe koŋ mianɔ hehe nam miaƒe ƒomea me tɔwo wòasɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe hiahiã nu\n^ mm. 13 Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ le kwasiɖa me tsɔ subɔa Mawu ɖekae, eye wodzroa Biblia me nyawo me le dziɖeɖi me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/misub%C9%94-yehowa-%C9%96ekae-abe-%C6%92ome-ene\/","date":"2020-01-20T01:39:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250595787.7\/warc\/CC-MAIN-20200119234426-20200120022426-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980297089,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980297088623047}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Kafukafu le Suku\nLE XEXEAME godoo la, sɔhɛ Yehowa Ðasefowo dia mɔnuwo tsɔ kafua Mawu le suku—to woƒe nuƒoƒo kple woƒe agbenɔnɔ siaa dzi. Xlẽ nuteƒekpɔkpɔ siawo nàkpɔ alesi woɖe sɔhɛawo ƒe dzonɔameme fiae ɖa.\nWobia tso sɔhɛ Ðasefo, nyɔnuvi, aɖe si le Greece dukɔ me si be wòaŋlɔ nu tso alesi anyigba ƒe yamenutome ƒo ɖie ŋu. Ewɔ numekuku le Watch Tower Publications Index me, eye wòkpɔ numeɖeɖe nyuiwo le Nyɔ! magazine me, esi wòwɔ nuŋlɔɖia vɔ la, eƒo eta be Nyɔ! mee yekpɔ nyatakakaawo le. Eƒe nufiala gblɔ nɛ be esiae nye nuŋɔŋlɔ nyuitɔ kekeake si yexlẽ kpɔ. Emegbe nufialaa zã nyatakaka mawo le nufialawo ƒe takpekpe aɖe me, eye viɖe nyuiwo do tso eme. Eyata nɔvinyɔnu sɔh��a gana Nyɔ! ƒe tata geɖe nufiala la, esiawo dometɔ ɖeka ɖe nyati vovovo me le tanya si nye \"Nufialawo—Nukae Míawɔ Wo Manɔmee?\" te. Emegbe nufialaa kafu Nyɔ! magazinea le sukuxɔ me, eye sukuvi bubu aɖewo bia be yewoaxɔ eƒe tata aɖewo. Eyata nɔvinyɔnuvia va nɔ magazinewo tsɔm yi sukui ale be sukuviawo nate ŋu axlẽ tata bubuwo.\nLe Benin, Afrika la, sɔhɛ Kristotɔ aɖe kpe akɔ kple nyaƒoɖeamenu si tɔgbe mebɔ o. Abe alesi wowɔnɛ kokoko le wo gbɔe ene la, sukuvi aɖewo dzilawo ƒo ƒu haya nufialawo be woafia nusɔsrɔ̃ siwo sesẽ la sɔhɛawo be woatsɔ adzra wo ɖo na dodokpɔ wɔwɔ. Nufialawo tia Memleɖa ŋdi na nusɔsrɔ̃awo. Sɔhɛ Ðasefoa do taflatse gblɔ be: \"Memleɖa ŋdi enye ɣeyiɣi si míaƒe hame bliboa ƒoa ƒu ɖea gbeƒã. Esiae nye ɣeyiɣi si me mekpɔa dzidzɔ le wu le kwasiɖaa me, eye nyemate ŋu atsɔe asa vɔ ɖe naneke ta o!\" Fofoa, si ŋutɔ hã nye Ðasefo dzilaɖekɛ la, lɔ̃ ɖe edzi eye edze agbagba kpɔ dzilawo kpakple nufialawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka be woaɖɔli ŋkekea. Gake wo katã wogbe. Eyata sɔhɛ nyɔnuvia tso nya me be yemakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me o. Le esia teƒe la ewɔ ɖeka kple hamea le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eƒe sukuxɔmehatiwo ɖu fewu le eŋu, wonɔ nya ƒom ɖe enu be wòaɖe asi le gbeƒãɖeɖedɔ ma ŋuti eye wòagbe nu le eƒe Mawu gbɔ gɔ̃ hã. Woka ɖe edzi bliboe be makpɔ dzidzedze le dodokpɔa me o. Ke hã, alesi nuwo va yii enye be, sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo si wofia nui la katã mekpɔ dzidzedze o, gake mía nɔvinyɔnua ya kpɔ dzidzedze. Enumake fewuɖuɖua tɔ. Fifia sukuviawo gblɔna nɛ be, \"Ele be nàyi edzi asubɔ wò Mawu.\"\nLe Czech Republic la, wobia tso nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe si be wòaŋlɔ nu tso agbalẽ aɖe ŋuti eye wòawɔ eŋuti numedzodzro. Dadaa de dzi ƒo nɛ be wòazã Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa. Edze eƒe numedzodzroa gɔme kple nyabiabia siawo: \"Nukae nèsusuna? Amekae ate ŋu anye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ?\" Eƒo nu tso Yesu ŋu, tso eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi, kple eƒe nufiafiawo ŋuti. Emegbe edzro tanya si nye \"Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiafia\" me. Ewɔ nuku na eƒe nufiala wògblɔ be, \"Esiae nye numedzodzro nyuitɔ kekeake si nèwɔ mese kpɔ!\" eye wòxɔ agbalẽa ɖeka heda akpe ɖe eta. Sukuhati aɖewo hã di eƒe ɖe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, nyɔnuvia kpɔ dzidzɔ gbɔ eme elabena ena ɖekaɖeka 18 sɔŋ.\nSɔhɛ siawo tɔgbe le dzidzɔ geɖe kpɔm le Yehowa kafukafu me le suku. Anyo be mí katã míasrɔ̃ woƒe sɔhɛ me dzonɔameme la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050615\/Yehowa-Kafukafu-le-Suku\/","date":"2020-01-29T18:08:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251801423.98\/warc\/CC-MAIN-20200129164403-20200129193403-00100.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989728928,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989728927612305}","num_words":551,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bu Nuwo Ŋu Nyuie Wɔ Nu Nunyatɔe\nKPƆ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Yesu Kristo le eme ɖem be amesiwo tsi tre ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu le Yerusalem ado nuxaxa nɛ vevie ahawui emegbe. Esesẽ na exɔlɔ̃ kplikplikpli apostolo Petro be wòaxɔe ase. Le nyateƒe me la, eɖe kpɔ Yesu hegbe nya nɛ. Ðikeke aɖeke mele Petro ƒe nuwɔwɔ le dzimekɔkɔ me kple eƒe ɖetsɔleme vavã ŋu o. Gake aleke Yesu bu Petro ƒe nuŋububui? Yesu gblɔ be: \"Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.\"—Mateo 16:21-23.\nAleke ema anya dze Petro kpo enye si! Le kpekpeɖeŋunala kple alɔdola si wòanye teƒe la, ezu \"nuɖiaɖia\" na eƒe Aƒetɔ si gbɔ melɔ̃a nu le o la le go sia me. Aleke wòdzɔe? Ðewohĩ vo si amegbetɔwo katã dana le woƒe nuŋububu me—si nye nusi dzi ko ame di be yeaxɔ se la dzixɔxɔse—ƒe mɔ̃e ɖe Petro.\nMègaka Ðe Ðokuiwò Dzi Akpa O\nNusi ate ŋu agblẽ nu le míaƒe nuŋububu nyuie ŋu enye alesi wòle bɔbɔe be míaka ɖe mía ɖokui dzi akpa. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto be: \"Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.\" (Korintotɔwo I, 10:12) Nukatae Paulo gblɔ nya sia? Anɔ eme be enya alesi wòle bɔbɔe be amegbetɔwo ƒe nuŋububu me nagblẽe—be Kristotɔwo gɔ̃ hã ƒe susu 'nagblẽ tso nyateƒetoto kple kɔkɔenyenye siwo dze Kristo la gbɔ.'—Korintotɔwo II, 11:3.\nEsia dzɔ ɖe Paulo ƒe tɔgbuiwo ƒe dzidzime blibo aɖe dzi. Ɣemaɣi la, Yehowa gblɔ na wo be: \"Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o.\" (Yesaya 55:8) Wobu \"wo ɖokui nunyalawoe\" wòzu afɔku na wo. (Yesaya 5:21) Eyata susu le eme godoo be míalé ŋku ɖe alesi míate ŋu abu nuwo ŋu nyuie be míaƒo asa na afɔku mawo tɔgbe ŋu.\nKpɔ Nyuie le Nuwo Ŋu Bubu le Ŋutilã Nu Ŋu\nNuwo ŋu bubu le ŋutilã nu kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Korintotɔ aɖewo dzi. (Korintotɔwo I, 3:1-3) Woɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe xexemenunya ŋu wu esi wòaɖoe ɖe Mawu ƒe Nya ŋu. Ðikeke mele eme o be Hela nunyala siwo nɔ anyi ɣemaɣi la nye agbalẽnyalawo. Gake le Mawu ŋkume la, wotsi bome. Paulo gblɔ be: \"Woŋlɔ ɖi bena: 'Magblẽ nunyalawo ƒe nunya dome, eye maɖe gɔmeselawo ƒe gɔmesese ɖa.' Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?\" (Korintotɔwo I, 1:19, 20) \"Xexeme ƒe gbɔgbɔ\" ye kpɔa ŋusẽ ɖe agbalẽnyala siawo dzi tsɔ wu be Mawu ƒe gbɔgbɔ nakpɔe ɖe wo dzi. (Korintotɔwo I, 2:12) Woƒe xexemenunya kple nukpɔsusuwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tamesusu o.\nSatana Abosam, amesi zã da tsɔ ble Xawa, ye nye amesi koŋ gbɔ nuŋububu le ŋutilã nu tso. (Mose I, 3:1-6; Korintotɔwo II, 11:3) Ðe wògakpɔtɔ nye afɔku na mía? Ẽ! Mawu ƒe Nya gblɔ be Satana \"gbã ŋku na\" amewo ale gbegbe be, ele 'xexeame katã blem' fifia. (Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:9) Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míanɔ ŋudzɔ ɖe eƒe ayemɔwo ŋui!—Korintotɔwo II, 2:11.\nNɔ Ŋudzɔ Ðe \"Amewo ƒe Beble\" Ŋu\nApostolo Paulo hã xlɔ̃ nu ku ɖe \"amewo ƒe beble\" ŋu. (Efesotɔwo 4:14) Edo go \"dɔwɔla, siwo blea ame\" siwo wɔ abe nyateƒea gblɔmee wole ene gake wonye amesiwo tututu tɔtɔe. (Korintotɔwo II, 11:12-15) Be amesiawo naɖo woƒe taɖodzinuawo gbɔ la, wozãa kpeɖodzi tiatia aɖewo, nya wɔdɔɖeamedziwo, nya trama siwo ƒe akpa aɖewo nye nyateƒe, ameflunyawo, kple alakpa ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã.\nAmeflunyagblɔlawo zã nya abe \"kɔmamã\" ene zi geɖe tsɔ gblẽa ame bubuwo ŋui. Nya aɖe si woɖo Europa ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea ƒe Sewɔtakpekpea ŋkume gblɔ be \"woaɖo aɖaŋu na\" dziɖuɖumegã siwo le numekuku wɔm le subɔsubɔha yeyewo ŋu be \"woadzudzɔ nyagbe sia zazã.\" Nukatae? Wobui be nya \"kɔmamã\" nye ameŋugblẽnya vevi aɖe. Egblɔ yi edzi be: \"Ame hahoowo bua kɔmamã egbea be enye nu vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ alo edoa afɔku ame.\" Le mɔ ma ke nu la, Hela agbalẽnyalawo tsɔ nya ɖe apostolo Paulo ŋu madzemadzee be enye \"nuƒola,\" alo 'nukuiwo fɔla.' Nusi wodi be yewoafia enye be enye nukpoloe ƒuƒlu ƒola, amesi ƒoa nu tso nunya kui siwo le esi ŋu ɣeawokatãɣi. Le nyateƒe me la, 'Yesu kple tsitretsitsia ƒe nyanyui la gblɔmee' Paulo nɔ.—Dɔwɔwɔwo 17:18.\nÐe ameflunyagblɔlawo ƒe aɖaŋuawo wɔ dɔa? Ẽ. Wowɔ akpa vevi aɖe le gbevovovodolawo kple subɔsubɔhawo dome fuléle hehe vɛ me to amewo ƒe nukpɔsusu le dukɔ alo subɔsubɔ bubu me tɔwo ŋu totro me. Ame geɖe zã wo tsɔ da ame ƒomevi siwo ame geɖewo menya o la ɖe anyi. Adolf Hitler zã mɔnu siawo nyuie esime wòna wova bu Yudatɔwo kple ame bubuwo be wonye \"ame gbegblẽwo,\" \"ame vɔ̃ɖiwo,\" kple \"ŋɔdzinu\" na Dukɔa. Mègaɖe mɔ ame fuflu sia ƒomevi naƒo ɖi alesi nèbua nuwo ŋui o.—Dɔwɔwɔwo 28:19-22.\nMègable Ðokuiwò O\nMía ɖokuiwo beble hã le bɔbɔe ŋutɔ. Le nyateƒe me la, anye nusesẽ ŋutɔ be woaɖe asi le nukpɔsusu ŋu alo abia nya le eŋu. Nukatae? Elabena míaƒe dzi kuna ɖe míaƒe nukpɔsusuwo ŋu vevie. Ekema míato alakpa nukpɔsusuwo me ayi mía ɖokuiwo ble ge—to nukpɔsusu aɖewo toto vɛ be míatsɔ aʋli dzixɔse siwo ŋu vodada le eye wokplɔa ame tranae la tae me.\nEsia dzɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo dzi. Wonya Mawu ƒe Nya la, gake womena wòkpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu dzi o. Ewɔe be wova zu 'amesiwo tsɔ alakpa nukpɔsusu nɔ wo ɖokui blemee.' (Yakobo 1:22, 26) Nusiwo ɖenɛ fiana be ameɖokuibeble ƒe mɔ̃ sia ɖe mí la dometɔ ɖekae nye ne míedoa dziku ne wobia nya ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu. Le esi teƒe be míado dziku la, nunya le eme be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si eye míalé to ɖe nusi ame bubuwo di be yewoagblɔ ŋu—nenye be míeka ɖe edzi be míaƒe nukpɔsusue nye dzɔdzɔea hã.—Lododowo 18:17.\nDi \"Sidzedze Mawu\"\nNukae nàte ŋu awɔ be nàbu nuwo ŋu nyuie? Kpekpeɖeŋunu geɖe li, gake ele be míalɔ̃ faa be míadii. Fia nunyala Salomo gblɔ be: \"Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.\" (Lododowo 2:1-5) Ẽ, ne mía ŋutɔwo míedze agbagba be míana nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya me naxɔ míaƒe susu kple dzi me la, nunya, gɔmesese, kple nugɔmesese akuakua asu mía si. Ema afia be míele nusiwo xɔ asi sasasã wu klosalo alo ŋutilãmenu xɔasi ɖesiaɖe la dim.—Lododowo 3:13-15.\nLe nyateƒe me la, nunya kple sidzedze nye nu veviwo le nuŋububu nyuie me. Mawu ƒe Nya gblɔ be: \"Ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la ŋu, amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi.\"—Lododowo 2:10-13.\nEle vevie ŋutɔ be míana Mawu ƒe tamesusuwo nafia mɔ alesi míebua nuwo ŋui le xaxa alo afɔku ƒe ɣeyiɣiwo me. Seselelãme sesẽwo abe dziku alo vɔvɔ̃ ene ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míabu nuwo ŋu nyuie. Salomo gblɔ be: \"Sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo.\" (Nyagblɔla 7:7) Ele bɔbɔe gɔ̃ hã be miaƒe 'dzi nanyrã ɖe Yehowa ŋu.' (Lododowo 19:3) Le mɔ ka nu? To míaƒe kuxiwo ƒe fɔ bubu Mawu me kpakple wo zazã atsɔ ado taflatsee le nusiwo mewɔ ɖeka kple eƒe sewo kple gɔmeɖosewo o la wɔwɔ me. Le esi míanɔ bubum be míenya nu wu teƒe la, mina míalé to ɖe aɖaŋuɖola nyanu siwo dina be yewoakpe ɖe mía ŋu to Ŋɔŋlɔawo zazã me ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Eye ne ehiã la, mina míalɔ̃ faa be míaɖe asi le nukpɔsusu vevi siwo míeƒoa asii o gɔ̃ hã ŋu ne eva dze ƒã be vodada le wo ŋu.—Lododowo 1:1-5; 15:22.\n'Ðe Kuku na Mawu'\nƔeyiɣi siwo tɔtɔa ame hedoa afɔku ame mee miele. Nenye be míawɔ nyametsotso nyuiwo ahaɖe afɔ nyuie la, gbedodoɖa edziedzi be Yehowa nafia mɔ mí le vevie. Paulo ŋlɔ bena: \"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.\" (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne nunya si míatsɔ akpɔ kuxi alo tetekpɔ siwo tɔtɔa ame gbɔe mele mía si o la, ehiã be 'míaɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la.'—Yakobo 1:5-8.\nEsi apostolo Petro nyae be ehiã be hati Kristotɔwo nawɔ nu le nunya me ta la, edi be 'yeanyɔ woƒe tamesusu, si me kɔ la.' Edi be 'woaɖo ŋku nya, siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ ɖi tsã la, kple Aƒetɔ kple Xɔla, Yesu Kristo, ƒe se, si wòde la dzi.' (Petro II, 3:1, 2) Ne míewɔ esia hena míaƒe susu wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe Nya la, míabu nuwo ŋu nyuie ahaɖe afɔ nyuie.\n[Nɔnɔmetata si le axa 21]\nKristotɔ gbãtɔwo na mawumenunya kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu dzi, ke menye xexemenunya o\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nXexemenunyalawo tso miame yi ɖe ɖusime: Epikuro: Photograph taken by courtesy of the British Museum; Cicero: Reproduced from The Lives of the Twelve Caesars; Plato: Roma, Musei Capitolini\n[Nɔnɔmetata si le axa 23]\nGbedodoɖa kple Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ le vevie","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030715\/Bu-Nuwo-%C5%8Au-Nyuie-W%C9%94-Nu-Nunyat%C9%94e\/","date":"2020-01-27T22:48:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251728207.68\/warc\/CC-MAIN-20200127205148-20200127235148-00300.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968995452,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968995451927185}","num_words":1566,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu\nKONYIFAƔLIWO xɔ teƒea keŋ. Konyifalaawo, siwo do awu yibɔ tɔxɛwo la le avi fam lélele hetsɔ nuxaxa le wo ɖokuiwo xlãm ɖe anyi. Ɣeɖulawo le ɣe ɖum ɖe haƒoƒo si le dzi dem bobobo la dzi. Ke hã, ame bubuwo le nu ɖum hetsɔ dzidzɔ kple nukoko hahaha le aseye tsom. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo no deha kple biya si bɔ ɖe teƒea fũu la mu hetsi anyigba. Wɔna ka koŋue le edzi yim? Le xexea ƒe teƒe aɖewo la, esiawoe nye nu siwo yia edzi le kuteƒe siwo ame alafa geɖewo ƒoa ƒu ɖo be yewoado hedenyuie na ame kukua.\nYehowa Ðasefo geɖewo le nuto siwo me woƒe ƒometɔwo kple aƒelikawo lé aʋatsodzixɔsewo me ɖe asi vevie eye wovɔ̃na na ame kukuwo ŋutɔ la me. Ame miliɔn geɖe xɔ edzi se be ne ame ku la, etrɔna zua ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ siwo si ŋutete le be woakpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nuvevi wo. Dzixɔse sia dzie wotu kukɔnu geɖewo ɖo. Le nyateƒe me la, esɔ le dzɔdzɔme nu be woaxa nu ne ame aɖe ku. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo xa nu ɣeaɖewoɣi esime woƒe ame veviwo ku. (Yoh. 11:33-35, 38; Dɔw. 8:2; 9:39) Ke hã, womexa nu wògbɔ eme abe ale si amewo wɔnɛ le woƒe ɣeyiɣia me ene kpɔ o. (Luka 23:27, 28; 1 Tes. 4:13) Nu ka tae? Susu ɖekae nye be wonya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu.\nBiblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: 'Elabena agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke. Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo, afi si yi ge nàla o.' (Nyagb. 9:5, 6, 10) Mawunyakpukpui sia si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la me nyawo na eme kɔ ƒãa be ne ame ku la, meganyaa naneke o. Mate ŋu abu tame, alo ase naneke gɔme o. Aleke wòle be Biblia me nyateƒe vevi sia gɔme sese nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si Kristotɔwo wɔa kunui dzi?\n\"Midzudzɔ Asikaka Nu Makɔmakɔ La Ŋu\"\nEɖanye gbegbɔgblɔ ka kee Yehowa Ðasefowo dona, alo dukɔ ka ke mee wotso o, woƒoa asa na dekɔnu ɖe sia ɖe si do ƒome kple dzixɔse si nye be ame kukuwo gale agbe eye be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi. Ŋudɔdɔ, ameɖiɖimegbekplɔ̃ɖoɖo, kuzãɖuɖu, ame kuku ƒe ɖa ɖiɖi, vɔsasa ɖe ame kuku ta, kple ahowɔwɔwo katã nye kɔnu makɔmakɔwo, eye womedzea Mawu ŋu o, elabena wodo ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia si nye be luʋɔ mekuna o, si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o. (Xez. 18:4) Esi wònye be nyateƒe Kristotɔwo \"[mate] ŋu anɔ nu ɖum le 'Yehowa ƒe kplɔ̃' ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o\" ta la, womekpɔa gome le kɔnu siawo me o. (1 Kor. 10:21) Wowɔna ɖe sedede sia dzi be: \"Miɖe mia ɖokui ɖa, . . . eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.\" (2 Kor. 6:17) Gake afɔ sia ɖeɖe menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o.\nLe Afrika kple teƒe bubuwo la, ame geɖe xɔ edzi se be ele be woawɔ kɔnu aɖewo godoo, ne menye nenema o la, woado dziku na tɔgbui kukuwo. Eye wobua kɔnu siawo mawɔmawɔ agɔdzedze gã si ate ŋu ahe fiƒode alo dzɔgbevɔ̃e ava nutoa katã dzi. Esi Yehowa subɔla geɖewo gbe gomekpɔkpɔ le kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o me ta la, woƒe kɔƒenuto me tɔwo alo ƒometɔwo he nya ɖe wo ŋu, dzu wo hegbe wo. Wobua fɔ ame aɖewo be wonye hadomenuwɔwɔtsrilawo kple ame siwo medea bubu ame kukuwo ŋu o. Ɣeaɖewoɣi la, dzimaxɔsetɔwo tsɔa akpa sesẽ xɔa Kristotɔ aɖe si ku ƒe kunuwɔwɔ ƒua akɔ. Eya ta alekee míawɔ ate ŋu akpe akɔ kple ame siwo tea tɔ ɖe edzi vevie be míawɔ ɖe kukɔnu siwo medzea Mawu ŋu o dzi la? Esi gale vevie wue nye be, nu kae míate ŋu awɔ be míayi edzi aɖe mía ɖokui ɖa tso kɔnu kple nuwɔna makɔmakɔ siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo me la gbɔ?\nGblɔ Wò Didiwo Wo Me Nakɔ\nLe xexea ƒe akpa aɖewo la, enye nu si bɔ be hlɔ̃metsitsiwo kple ƒometɔ siwo menye amevi alo amesrɔ̃ o nakpɔ gome le ame kukua ɖiɖi ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me. Eya ta ele be Kristotɔ wɔnuteƒe nana eme nakɔ be Yehowa Ðasefowoe akpɔ yeƒe kunuwɔwɔ dzi le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me gɔmeɖosewo. (2 Kor. 6:14-16) Mele be woawɔ naneke le Kristotɔ ƒe kuteƒe si aɖe fu na haxɔsetɔwo ƒe dzitsinya alo azu nukikli na ame siwo nya míaƒe dzixɔse kple nufiafia siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu la o.\nNe wobia tso nɔvi aɖe si be wòanɔ Kristotɔwo ƒe hame aɖe teƒe akpɔ kunuwɔwɔ aɖe dzi la, hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na nɔvi siwo dzi kua dzɔ ɖo la ahana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo bene ɖoɖowo katã nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo. Ne ame siwo menye Ðasefowo o di be yewoawɔ nuwɔna makɔmakɔ aɖe la, ele vevie be míatɔ afɔ to sesĩe ahaɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ me na wo dzinɔameƒotɔe le tufafa kple bubu me. (1 Pet. 3:15) Gake nu kae míawɔ ne ƒometɔ dzimaxɔsetɔ aɖewo te tɔ ɖe edzi be yewoawɔ kɔnu makɔmakɔ aɖewo le kunuwɔwɔa me godoo? Ekema ƒometɔ siwo nye xɔsetɔwo ate ŋu aɖe asi le kunuwɔwɔa me keŋkeŋ. (1 Kor. 10:20) Ne edzɔ alea la, woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kunuƒo ƒoƒo le Fiaɖuƒe Akpata me alo le teƒe bubu aɖe si sɔ la ko ŋu bene woana \"akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me\" la ame siwo le nu xam ŋutɔŋutɔ le woƒe ame vevia ƒe ku ta la. (Rom. 15:4) Togbɔ be womakɔ amea ava afi ma o hã la, bubu anɔ ɖoɖo ma tɔgbi ŋu eye asɔ bliboe hã. (5 Mose 34:5, 6, 8) Ele eme be ƒometɔwo ƒe nudede ɖoɖoawo me madzemadzee adzi nuxaxa kple vevesese si míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku do na mí la ɖe edzi ya, gake nyanya be Mawu, ame si ate ŋu ana \"ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu\" mí la dea dzesi ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ nu si sɔ la faa akɔ na mí.—2 Kor. 4:7.\nŊlɔ Wò Nyametsotsowo Ði\nNe ame aɖe ŋlɔ ale si wòdi be woawɔ yeƒe kunui ɖe agbalẽ me da ɖi la, enɔa bɔbɔe be woaɖe nu me na ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, le esi wònye be zi geɖe la, wodea bubu ame siwo ku la ƒe didiwo ŋu ta. Ale si wòle be woawɔ kunua, afi si woawɔe le, kpakple ame siwo koŋ awɔ ɖoɖo ɖe kunuwɔwɔa ŋu ahakpɔ eƒe akpa sia akpa dzi la katã nye nya vevi siwo wòhiã be woanɔ nuŋlɔɖia me. (1 Mose 50:5) Eɖea vi geɖe wu ne ame ŋutɔ kple ame bubu siwo anye eƒe ɖasefowo de asi agbalẽa te. Ame siwo tsɔa nugɔmesese kple nunya siwo wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi bua etsɔme ŋu la nyae be mehiã be yewoalala va se ɖe esime yewoku amegã alo ku nyagã alo dze dɔ ɖo kudo nu hafi abu afɔ sia ɖeɖe ŋu o.—Lod. 22:3; Nyagb. 9:12.\nEɖea fu na ame aɖewo be yewoaŋlɔ mɔfiame mawo tɔgbi ɖi do ŋgɔ. Ke hã, esia wɔwɔ ɖea Kristotɔwo ƒe tsitsi kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo lɔlɔ̃tɔe fiana. (Fp. 2:4) Anyo wu be ame nakpɔ nya siawo katã gbɔ esime wòle agbe, tsɔ wu be wòagblẽe ɖe ƒomea me tɔ siwo anɔ nu xam la si me be woawɔ nyametsotso mawo, le esi ƒometɔ bubuwo ate ŋu aƒoe ɖe wo nu alo azii ɖe wo dzi be woawɔ wɔna makɔmakɔ aɖewo siwo dzi ame si ku la meda asi ɖo alo xɔ se o ta.\nKunuwɔwɔa Nada Asɔ\nLe Afrika ƒe teƒe geɖewo la, ame geɖewo xɔe se be ele be kunuwɔwɔa nanɔ kpeɖi bene woagadze agɔ le tɔgbui kukuwo dzi o. Ame bubuwo bua kunuwɔwɔ be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoaɖe hadomeɖoƒe kple ga si gbegbe le yewo si la afia \"adegbeƒoƒotɔe.\" (1 Yoh. 2:16) Ame aɖewo zãa ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi geɖe ɖe kunuwɔwɔa ŋu bene amewo nakpɔe be woɖi amea \"nyuie.\" Le didi be ame gbogbo aɖewo nava kuteƒea ta la, amewo taa agbalẽ siwo dzi ame kukua ƒe foto nɔna la heklãna ɖe teƒeteƒewo tsɔ doa boblo kunuwɔwɔa. Woɖea ame si ku la ƒe foto ɖe dziwuiwo dzi hemana na fanamelawo be woado. Woƒlea amekukuɖaka xɔasi siwo wodo atsyã na etɔxɛe be wòawɔ dɔ ɖe ekpɔlawo dzi. Le Afrika dukɔ aɖe me la, ame aɖewo nana wokpaa ame kuku ɖaka siwo nɔa ʋuwo, yameʋuwo, tɔdziʋuwo, kple nu bubuwo ƒe nɔnɔme me la na wo be yewoatsɔ aɖe kesinɔtɔnyenye, gãnyenye, kple atsyɔɖoɖo afia. Wotea ŋu ɖea ame kukua le aɖakaa me dana ɖe abati si woɖo atsyɔ̃ na etsɔxɛe la dzi. Ne nyɔnue ku la, wotea ŋu tsɔa srɔ̃ɖewu ɣi, sikanuwo, dzonu xɔasiwo, kple nu bubu geɖewo ɖoa atsyɔ̃ nɛ. Ðe wòasɔ be Mawu ƒe amewo nakpɔ gome le nuwɔna mawo ƒomevi mea?\nKristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la kpɔa nu si tae nunya le eme be yewoaƒo asa na nuwɔna gbɔme mawo siwo me ame siwo menya mawumegɔmeɖosewo loo alo dina be yewoawɔ ɖe wo dzi o ƒoa wo ɖokuiwo ɖo la dzea sii. Míenyae be kɔnu kple nuwɔna siwo gbɔ eme eye womesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la 'metso Mawu gbɔ o, ke boŋ xexe si nu va le yiyim la mee wotso.' (1 Yoh. 2:15-17) Ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si medze na Kristotɔwo o la ɖem anɔ fiafiam be míadze agbagba awɔ míaƒe kunu wòalolo wu ame bubuwo tɔ o. (Gal. 5:26) Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be le nuto siwo me vɔvɔ̃ na ame kukuwo kpɔ ŋusẽ ɖe dekɔnuwo kple hadomenuwɔnawo dzi le me la, ame gbogbowo vaa kuteƒe zi geɖe, si wɔnɛ be wòsesẽna be woakpɔ wɔnaa dzi nyuie, eye nuwo tea ŋu tɔtɔna bɔbɔe. Bubudede ame kukuwo ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzimaxɔsetɔwo dzi ale gbegbe be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe nu makɔmakɔwo wɔwɔ me le kuteƒewo. Woanɔ avi fam lélele, anɔ ame kukua dzi mlɔm, anɔ nu ƒom nɛ tẽe abe ɖe wògale agbe ene, eye woanɔ ga kple nu bubuwo dam ɖe edzi. Ne nu siawo ayi edzi le Kristotɔ aɖe ƒe kuteƒe la, ahe vlodoame gã aɖe ava Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe amewo dzi.—1 Pet. 1:14-16.\nEle be nɔnɔme si me ame kukuwo le nyanya nana dzi nanɔ mía ƒo be míakpɔ egbɔ be xexemenuwɔna aɖeke kura nagadze le míaƒe kunuwɔwɔwo me o. (Ef. 4:17-19) Togbɔ be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ hã la, eɖiɖi nɔ kpokploe, le mɔ si mehe amewo ƒe susu o nu. (Yoh. 19:40-42) Ameɖiɖi le mɔ ma tɔgbi nu menyea ŋukpe na ame siwo si \"Kristo ƒe tamesusu\" le la kura o. (1 Kor. 2:16) Kakaɖedzitɔe la, nana be míaƒe kunuwɔwɔ nanɔ kpokploe ahada asɔe nye mɔ nyuitɔ si dzi míato aƒo asa na nu siwo nye nu makɔmakɔwo le Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu nu la wɔwɔ, eye nuwo ayi edzi le tomefafa kple bubu me, woada asɔ ahasɔ na ame siwo lɔ̃a Mawu.\nÐe Wòle Be Aseyetsotso Nayi Edzia?\nEtea ŋu nyea kɔnu na ƒometɔwo, aƒelikawo, kple ame bubuwo be wolɔna hoo yina ɖaɖua nu noa nu heɖua ɣe ɖe ha siwo dea dzi bobobo la dzi le ameɖiɖia vɔ megbe. Zi geɖe la, aha geɖe nono kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo yia edzi le ameɖiɖimegbezã siawo ɖuɖu me. Ame aɖewo gblɔna be aseyetsotso alea nana kutɔawo megaléa blanui o. Ame bubuwo hã bunɛ be yewoƒe dekɔnu koe wònye. Ke hã, ame geɖewo xɔ edzi se be nu mawo wɔwɔ le kuteƒe nye kɔnu si hiã bene woatsɔ ade bubu ame kukua ŋu, eye wòaʋu mɔ na amea ƒe gbɔgbɔ be wòayi tɔgbuiawo gbɔ dedie.\nKristotɔ vavãwo kpɔ nunya si le Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia me la dze sii be: \"Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.\" (Nyagb. 7:3) Gawu la, wonya viɖe si le ŋugbledede le ɖoɖoezizi me tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa kple ale si gbegbe ame ƒe agbe le kpuie ŋu la ŋu. Enye nyateƒe be le ame siwo le ƒomedodo nyui me kple Yehowa gome la, \"kugbe nyo wu dzigbe.\" (Nyagb. 7:1) Eya ta nyanya be dzidzɔdonamenuwo wɔwɔ le kuteƒe do ka kple gbɔgbɔyɔyɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo wɔe be mesɔ kura be Kristotɔ vavãwo nawɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu loo alo ade teƒe mawo gɔ̃ hã o. Kuteƒe siwo amewo wɔa dzidzɔdonamenuwo le dede anye bubumademade Mawu ŋu kple hati Yehowa subɔlawo ƒe dzitsinya ŋu mabumabu.\nEle Be Míana Amewo Nakpɔ Vovototoa\nAleke gbegbee míedaa akpe be míevo tso vɔvɔ̃ na ame kuku, si nye ŋɔdzi na ame siwo le gbɔgbɔmeviviti me la, mee nye esi! (Yoh. 8:32) Abe \"kekeli ƒe viwo\" ene la, ale si míexaa nu hefaa konyi la ɖea gbɔgbɔmenugɔmesese fiana, edana sɔna, bubu nɔa eŋu, eye wòɖenɛ fiana be tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le mía si. (Ef. 5:8; Yoh. 5:28, 29) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mía ŋu be míexaa nu wògbɔa eme abe 'ame siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o' ene o. (1 Tes. 4:13) Ana dzi nanɔ mía ƒo be míanɔ tadedeagu dzadzɛtɔ la ƒe akpa dzi sesĩe, eye míana ta le amegbetɔvɔvɔ̃ ta o.—1 Pet. 3:13, 14.\nNe míelé Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose siawo me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe la, míana mɔnukpɔkpɔ amewo be 'woakpɔ vovototo si le mawusubɔlawo kple ame siwo mesubɔnɛ o dome' la adze sii. (Mal. 3:18) Ŋkeke li gbɔna esime ku maganɔ anyi o. (Nyaɖ. 21:4) Esi míele ŋugbedodo wɔnuku siawo me vava lalam la, mina míaɖoe kplikpaa be Yehowa nakpɔ mí be míenye ame siwo ŋu ɖiƒoƒo kple mokaka aɖeke mele o, kpakple ame siwo ɖe wo ɖokui ɖa tso xexe vɔ̃ɖi sia kple eƒe nuwɔna siwo doa vlo Mawu la gbɔ keŋkeŋ.—2 Pet. 3:14.\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\nEnye nu si me nunya le be míaŋlɔ ale si míedi be woawɔ míaƒe kunui ɖi\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nEle be Kristotɔwo ƒe kunuwɔwɔ nada asɔ eye bubu nanɔ eŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090215\/Kristot%C9%94wo-%C6%91e-Kunuw%C9%94w%C9%94-Bubu-N%C9%94a-E%C5%8Bu-Edana-S%C9%94na-Eye-W%C3%B2dzea-Mawu-%C5%8Au\/","date":"2020-02-28T12:05:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875147154.70\/warc\/CC-MAIN-20200228104413-20200228134413-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969739318,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969739317893982}","num_words":2274,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Ɣeyiɣi Le Vɔvɔm Na Anyigba La?\nAleke nàɖo nyabiase siwo gbɔna siwo ŋu woate ŋu aɖo le mɔ vovovowo nu la ŋui?\nLe etsɔ si gbɔna kpuie me la, ɖe ale si nɔnɔmeawo le le anyigba dzi la\n(a) anyo ɖe edzi wua?\n(b) anɔ abe ale si ko wòle egbea enea?\n(d) agblẽ ɖe edzi wua?\nÈDZEA agbagba be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ ye si ku ɖe etsɔme ŋua? Viɖe geɖewo le esia wɔwɔ me. Numekukuwo ɖee fia be ame siwo kpɔa mɔ be etsɔme anyo la kpɔa dzidzedze le agbalẽsɔsrɔ̃ me, eye wonɔa lãmesẽ me hã. Numekuku aɖe si wowɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe la ɖee fia be, to vovo na ame siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele ku ɖe agbe ŋu o la, menɔa bɔbɔe kura be ame siwo kpɔa mɔ be nuwo ava nyo la nalé ʋukamexexedɔ si hea dzidɔ vanɛ la o. Numekuku siawo wɔ ɖeka kple nya aɖe si wogblɔ le Biblia me ƒe alafa geɖewoe nye esi va yi be: \"Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.\"—Lododowo 17:22.\nKe hã, nya si gblɔm dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo le tso Anyigba la ƒe etsɔme ŋu la na be wòsesẽna na ame geɖe be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ahanɔ mɔ kpɔm be etsɔme anyo. Bu nu dziŋɔ siwo gblɔm wole le nyadzɔdzɔwo me be wogbɔna dzɔdzɔ ge la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.\nAnyigba La Ðo Afɔku Me\nLe ƒe 2002 me la, Stockholm Anyigba Kple Eƒe Nutome Habɔbɔ si ŋu wodea bubui ŋutɔ la xlɔ̃ nu be, ne míeyi edzi le anyigbadzinuwo dome gblẽm ɖe ga ta la, ate ŋu ana be \"nanewo nadzɔ siwo atrɔ yame ƒe nɔnɔme kple nu gbagbe siwo le anyigba dzi siaa ƒe dɔwɔwɔ.\" Nyatakakaa gblɔ yi edzi be ahedada le anyigba dzi godoo, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple anyigbadzinuwo dome gbegblẽ si le edzi yim la ate ŋu akplɔ ameƒomea ade \"nutoa me kuxi, hadomekuxi, kple dedienɔnɔ ƒe kuxi, siwo atre ɖe enu la me.\"\nLe ƒe 2005 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ɖe nyatakaka aɖe si dzi woda ŋkɔ ɖo be, Ƒe Akpe Ðeka Ƒe Ŋkuléle Ðe Anyigbadzinu Gbagbewo Ŋu Ŋuti Nyatakaka, ɖe go. Esia nye ƒe ene ƒe numekuku tso Anyigba la kple eƒe nutome ŋu. Numekula bibi siwo wu 1,360 siwo tso dukɔ 95 mee kpɔ gome le numekuku sia me, eye wona nuxlɔ̃ame sesẽ sia be: \"Amegbetɔwo to woƒe dɔwɔnawo dzi le nu siwo Anyigba la wɔna le dzɔdzɔme nu la dome gblẽm ale gbegbe be míagate ŋu akpɔ mɔ be ŋutete si le anyigbadzinu gbagbewo si la alé dzidzime siwo gbɔna la ƒe agbe ɖe te o.\" Nyatakaka la gblɔ be, be míaƒo asa na afɔku ma la, abia be míawɔ \"tɔtrɔ gãwo le ɖoɖowo, habɔbɔwo, kple nuwɔna aɖewo ŋu, gake womekpɔ te wo wɔwɔ kura haɖe o.\"\nAnna Tibaijuka, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Nɔƒewo Ŋuti Ðoɖowo ƒe dɔdzikpɔlagã la ɖe nya aɖe si dzi numekula akpa gãtɔ va le lɔlɔ̃m ɖo la gblɔ. Egblɔ be: \"Ne míeyi nu siwo wɔm míele egbea la wɔwɔ dzi la, afɔku gã aɖe de xa ɖi na mí le etsɔ me.\"\nSusu Aɖe Si Tae Míakpɔ Mɔ Be Etsɔme Anyo\nYehowa Ðasefo siwo ta magazine sia hã xɔe se be tɔtrɔ gã siwo ana nɔnɔmeawo natrɔ kura le anyigba dzi la tu aƒe. Ke hã, woxɔe se be tɔtrɔ siawo ahe nɔnɔme nyuitɔ kekeake siwo teƒe anyigbadzitɔwo mekpɔ kpɔ o la avae, ke menye be nuwo agblẽ ɖe edzi o. Nu ka tae mɔkpɔkpɔ le wo si nenema gbegbe ɖo? Elabena woka ɖe ŋugbe siwo wodo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la dzi. Se ŋugbedodo siawo dometɔ ɖeka ɖa: \"Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\"—Psalmo 37:10, 11.\nÐe mɔkpɔkpɔ sia nye drɔ̃e dzro aɖe koa? Hafi nàɖo nya ma ŋu la, de ŋugble tso nya sia ŋu gbã: Biblia gblɔ kuxi sesẽtɔ siwo le nu gblẽm le anyigba la kple ameƒomea ŋu egbea la ŋu nya ɖi pɛpɛpɛ ƒe akpe geɖe do ŋgɔ. Míeɖe kuku, xlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ le nyati si kplɔ esia ɖo me, eye nàtsɔ wo me nyawo asɔ kple nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me egbea. Ne èwɔ esia la, ale si nèxɔ Biblia dzi se be egblɔa etsɔmenudzɔdzɔwo ɖi pɛpɛpɛ la me agasẽ ɖe edzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080801\/%C3%90e-%C6%94eyi%C9%A3i-Le-V%C9%94v%C9%94m-Na-Anyigba-La\/","date":"2020-02-23T04:05:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145746.24\/warc\/CC-MAIN-20200223032129-20200223062129-00386.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984950423,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984950423240662}","num_words":731,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nAlekee Salomo ƒe gbedoxɔa me gazɔ la ƒe lolome nɔ?\nWoƒo nu tso eŋu le 1 Fiawo 7:26 be tsi agbɔsɔsɔ \"bat akpe eve anɔ eme,\" si nunɔlawo zãna, evɔ le 2 Kronika 4:5 la, wogblɔ be tsi \"bat akpe etɔ̃ anɔ eme.\" Esia na amewo gblɔ be nugbugbɔgaŋlɔlawo ƒe vodadae vovototo ma nye ge ɖe Kronika ƒe agbalẽa ƒe nuŋlɔɖia me.\nKe hã, New World Translation (Traduction du monde nouveau) Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ɖekawɔwɔ si le mawunyakpukpui eve mawo dome la dze sii. Biblia sia gblɔ le 1 Fiawo 7:26 be: \"Bat akpe eve ye nɔa eme.\" Gake de dzesii be le 2 Kronika 4:5 la, egblɔ be: \"Bat akpe etɔ̃ ye ate ŋu anɔ gazɔ la me.\" Eya ta le 2 Kronika 4:5 la, tsi agbɔsɔsɔme si ate ŋu ayɔ gbedoxɔa me gazɔa ŋutie woƒo nu le, gake 1 Fiawo 7:26 ya ƒo nu tso tsi agbɔsɔsɔme si ko wokuna ɖe gazɔa me la ŋu. Esia fia be womekua tsi ɖe eme wòyɔna taŋtaŋ gbeɖe o. Edze abe tsi si ayɔ gazɔa la ƒe memama eve le etɔ̃ me koe nɔa eme ɖaa ene.\nNu ka tae Yesu kple Petro wotsɔ gaku ɖeka pɛ xe gbedoxɔmedzɔ la ɖo?\nLe Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, wobiana tso Yuda ŋutsu ɖe sia ɖe, si xɔ ƒe 20 kple edzivɔ la, si be wòaxe gbedoxɔmedzɔ si nyea draxma eve, alo didraxma ɖeka (si nye gaku si ƒe home sɔ kple draxma eve) ƒe sia ƒe. Ga home sia nyea ŋkeke eve ƒe dɔwɔfetu. Esi nya fɔ ɖe te ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu la, Yesu gblɔ na Petro be: \"Yi ƒu ta, da ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nume la, àkpɔ [stata ɖeka]. Tsɔe yi ɖana wo ɖe mía kpli wò nu.\"—Mateo 17:24-27.\nAgbalẽnyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be stata si woyɔ le afi sia nye gaku si woyɔna be tetradraxma. Gaku sia ƒe homee nye draxma ene, si nye ame eve ƒe gbedoxɔmedzɔ ƒe home. Tetradraxma la bɔ ɣemaɣi, eye wòte ŋu sua amewo si bɔbɔe wu didraxma la. Eya ta Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: \"Ewɔ abe zi geɖe la Yudatɔ eve wɔa ɖeka xea woƒe adzɔ la ene.\"—The New Bible Dictionary.\nTsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ame ɖeka aɖe di be yeaxe ye ɖeɖe ko ƒe adzɔ la, exea deme aɖe si woxɔna le gagbagba ta. Deme sia ƒe home ate ŋu ade adzɔ la ƒe alafa memama 8. Gake womexɔa deme sia le ame eve siwo wɔ ɖeka tsɔ stata ɖeka xe woƒe adzɔa ya si o. Eya ta le nu suesuesue siawo gɔ̃ hã me la, Mateo ƒe nuŋlɔɖia wɔ ɖeka kple nuwɔna siwo yia edzi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi.\n[Nɔnɔmetata si le axa 15]\nTetradraxma ƒe foto si wokeke ɖe enu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-02-21T16:41:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145533.1\/warc\/CC-MAIN-20200221142006-20200221172006-00430.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970011711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970011711120605}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE ÈKU, eye wogagbɔ agbe wò ɖe, aleke dawò awɔ? Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Gake ɖe amesi ku la agate ŋu agbɔ agbea? Ðe wòdzɔ kpɔa?\nKpɔ ŋutsu ma, nyɔnu ma, kple ŋutsuvi ma ɖa. Ŋutsu lae nye nyagblɔɖila Eliya. Nyɔnu la, nye ahosi aɖe, si tso Zarpat, eye viae nye ŋutsuvi la. Gbeɖeka la, ŋutsuvi la dze dɔ. Dɔa sesẽ ale gbegbe be wòku. Eye Eliya gblɔ na nyɔnu la be: 'Tsɔ ɖevi la nam.'\nEliya kɔ ɖevi la yi xɔtaxɔ mee hetsɔe mlɔ aba dzi. Edo gbe ɖa be: 'O Yehowa, na ɖevi sia nagagbɔ agbe.' Tete ɖevi la de asi gbɔgbɔ me! Eye Eliya kɔe tso xɔtaxɔa me ɖi va anyi hegblɔ na dadaa be: 'Kpɔ ɖa, viwò la gbɔ agbe!' Esia tae dadaa kpɔ dzidzɔ alea gbegbe ɖo.\nYehowa ƒe nyagblɔɖila vevi bubu aɖe ŋkɔe nye Elisa. Esubɔna abe Eliya ƒe kpeɖeŋutɔ ene. Gake emegbe la, Yehowa na Elisa hã wɔ nukunuwo. Gbeɖeka la, Elisa yi Sunem, afisi nyɔnu aɖe nyo dɔme nɛ le. Emegbe la, nyɔnu sia dzi ŋutsuvi.\nGbeɖeka ŋdi, esi ɖevia tsi la, eyi fofoa gbɔ le agble me. Tete ɖevia do ɣli be: 'Nye ta le veyem!' Wokɔ ɖevia yi aƒemee, eye emegbe wòku. Dadaa lé blanui ŋutɔ! Enumake wòyi ɖayɔ Elisa.\nEsi Elisa va la, ekɔ ɖevi kuku la yi xɔ mee. Edo gbe ɖa na Yehowa hetsyɔ akɔ ɖe ɖevi la dzi. Tete ɖevi la xɔ dzo, eye wònyè zi adre. Dadaa kpɔ dzidzɔ ale gbegbe esi wòva kpɔ be ye vi la gbɔ agbe!\nAme geɖe woku. Esia na woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo lé blanui vevie. Ŋusẽ mele mía si be míafɔ ame kukuwo o. Gake ŋusẽ le Yehowa si. Emegbe la, míasrɔ̃ alesi wòafɔ ame akpeakpewo va agbe mee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/nyagbl%C9%94%C9%96ila-eliya\/","date":"2020-05-30T18:54:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410284.51\/warc\/CC-MAIN-20200530165307-20200530195307-00003.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981669784,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981669783592224}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke blema tɔdziʋukpalawo kpaa woƒe ʋuwoe be tsi nagage ɖe wo me o?\nLionel Casson, si nye blema tɔdziʋuwo ŋutinunyala la ƒo nu tso nu si Roma tɔdziʋukpalawo wɔna ne wotre nu ɖe tɔdziʋua ƒe ʋuƒowo ƒe kpeƒewo vɔ megbe la ŋu. Egblɔ be zi geɖe la, \"wosia aŋɔ, alo bosomi kple aŋɔ siaa, ɖe ʋuƒoawo ƒe kpeƒekpeƒewo alo ɖe ʋu bliboa me kpakple ekɔgo siaa.\" Blema Akadiatɔwo kple Babilontɔwo tsɔa aŋɔ trea woƒe tɔdziʋuwo xoxoxo hafi Romatɔwo va te ezazã.\nWoƒo nu tso aŋɔ zazã le mɔ sia tɔgbi nu ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me le 1 Mose 6:14. Edze ƒãa be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be \"aŋɔ\" la nye tomemi si dzina tso anyigba tume le dzɔdzɔme nu.\nAŋɔ sia ƒomevi eve ye li\nAŋɔ bɔ ɖe du siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la me. \"Aŋɔʋe geɖewo\" nɔ Sidim-gbadzaƒe si le Ƒu Kukua ƒe nutowo me.\nAleke wotrɔa asi le tɔmelã ŋu le blema be wòagagblẽ o?\nTɔmelã nye nuɖuɖu vevi aɖe tso blema ke. Yesu ƒe apostoloawo dometɔ aɖewo dea tɔƒo le Galilea-ƒua dzi hafi va de asi mɔzɔzɔ me kplii. (Mateo 4:18-22) Anɔ eme be teƒe aɖewo nɔ anyi koŋ, siwo te ɖe ƒua ŋu, afi si wotrɔa asi le lã si woɖena le ƒua me la ƒe ɖewo ŋu le.\nAme aɖewo gale aɖaŋu siwo ŋu dɔ tɔƒodelawo anya wɔ le blema Galilea tsɔ kpɔ tɔmelã ta be wòagagblẽ o la ŋu dɔ wɔm le teƒe aɖewo egbea. Gbã la, woɖea lãa ƒe dɔmenuwo ƒua gbe eye wokpalana lãa. Agbalẽ si nye Studies in Ancient Technology ɖɔ ale si wowɔnɛ ale: \"Wotigia dze ɖe eƒe ta me, nu me, kple dɔ me, eye wosisinɛ ɖe eŋuti katã. Woɖoa lãwo ɖi, wua dze ɖe edzi, tsyɔa nui, gaɖoa bubu ɖe edzi, wua dze ɖe edzi hetsyɔa nui, eye wowɔnɛ nenema zi gbɔ zi geɖe. Wogblẽnɛ ɖi ŋkeke 3 va ɖo 5, eyome wotrɔa agba bliboa bua anyi, eye wogagblẽnɛ ɖi ŋkeke 3 va ɖo 5 ake. Ne wole tɔmelãa siam alea la, etsyɔna, eye dzea ɖonɛ nyuie. Ne wosiae nyuie alea vɔ la, eƒuna kplatsaa.\"\nWomenya ɣeyiɣi didi si tɔmelã si ŋu wotrɔ asi le alea la xɔna hafi gblẽna ya o. Ke hã esi wònye be Egiptetɔwo ɖoa tɔmelã ƒuƒu ɖe keke Siria ke ta la, efia be asitɔtrɔ le tɔmelã ŋu alea nana wònɔa anyi eteƒe didina.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140701\/blema-t%C9%94dzi%CA%8Bu-t%C9%94mel%C3%A3-nagagbl%E1%BA%BD-o\/","date":"2020-05-27T00:41:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347391923.3\/warc\/CC-MAIN-20200526222359-20200527012359-00383.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984194636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998419463634491}","num_words":394,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE DA ma dze abe da ŋutɔŋutɔ aɖe, si xatsa ɖe atia ŋu enea? Ao. Akɔbli wotsɔ wɔ da lae. Yehowa gblɔ na Mose be wòakui ɖe ati la ŋu be ameawo nakpɔe ahatsi agbe. Gake da, siwo le anyigba ya nye da gbagbewo. Woɖu ameawo hena wodze dɔ. Ènya nusitaea?\nElabena Israel-viwo dze aglã ɖe Mawu kple Mose ŋu. Woto nyatoƒoe be: 'Nukatae nèkplɔ mí tso Egipte be míaku ɖe gbe sia dzi? Nuɖuɖu alo tsi aɖeke mele afisia o. Eye mana sia ɖuɖu ti mí.'\nEvɔ la, mana enye nuɖuɖu nyui aɖe. Yehowa na wo to nukumɔ dzi. Eye wòna tsi hã wo to nukumɔ dzi. Gake ameawo meda akpe na Mawu le alesi wòlé be na woe la ta o. Eyata Yehowa dɔ da vɔ̃ɖi siawo be woahe to na Israel-viwo. Daawo ɖu wo, eye wo dometɔ geɖe ku.\nMlɔeba la, ameawo va Mose gbɔ gblɔ be: 'Míewɔ nuvɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tre ɖe mi kple Yehowa ŋu. Ke do gbe ɖa na Yehowa be wòaɖe da siawo ɖa.'\nEyata Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta. Eye Yehowa gblɔ na Mose be wòawɔ akɔblida sia. Egblɔ be wòakui ɖe ati ŋu be amesiame, si da aɖu la nakpɔe. Mose wɔe abe alesi pɛpɛpɛ Mawu gblɔ ene. Amesiwo da la ɖu la kpɔa akɔblida la, eye woƒe lãme gasẽna.\nNusɔsrɔ̃ aɖe le esia me. Le mɔ aɖe nu la, mí katã míele abe Israel-vi mawo, siwo da mawo ɖu la ene. Mí katã míele kukum. Tsa ŋku, eye àkpɔ be amewo kua amegã, léa dɔ hekuna. Elabena ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa trɔ megbe de Yehowa, eye mí katã míenye wo viwo. Gake Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe, si dzi míato anɔ agbe mavɔ.\nYehowa dɔ Via, Yesu Kristo ɖo ɖe anyigba dzi. Wohe Yesu ɖe ati ŋu, elabena ame geɖe bu be enye ame vɔ̃ɖi. Gake Yehowa tsɔ Yesu na be wòaɖe mí. Ne míekpɔ eyama hekplɔe ɖo la, míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Gake míasrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋu emegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/ak%C9%94blida-la\/","date":"2020-06-02T12:26:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347424174.72\/warc\/CC-MAIN-20200602100039-20200602130039-00201.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994489551,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994489550590515}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nu ka tae wòle be míade ta agu na Mawu?\n2. Aleke Mawu le?\nAmegbetɔ aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o, elabena Gbɔgbɔe wònye, esia fia be enye agbe ƒomevi aɖe si kɔ boo wu nu gbagbe siwo le anyigba dzi. (Yohanes 1:18; 4:24) Ke hã, ne míelé ŋku ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu la, míakpɔ eƒe nɔnɔme nyuiwo adze sii. Le kpɔɖeŋu me, atikutsetse kple seƒoƒo vovovoawo na míekpɔ eƒe lɔlɔ̃ kple nunya dze sii. Ale si gbegbe xexea loloe na míekpɔ eƒe ŋusẽ dze sii.—Xlẽ Romatɔwo 1:20.\nMíagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nɔnɔmewo ŋu ne míexlẽ Biblia. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ nu siwo Mawu lɔ̃na kple nu siwo melɔ̃na o, ale si wòwɔa nu ɖe ame ŋu kple ale si wòwɔa nu le nɔnɔme vovovowo me la na mí.—Xlẽ Psalmo 103:7-10.\n3. Ðe ŋkɔ le Mawu sia?\nYesu gblɔ be: \"Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.\" (Mateo 6:9) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo le Mawu si hã la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le esi. Gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ale si woyɔnɛ. Woyɔnɛ le Eʋegbe me be \"Yehowa.\" Gake ame aɖewo yɔnɛ be \"Yahweh.\"—Xlẽ Psalmo 83:19.\nWoɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia geɖewo me hetsɔ dzesideŋkɔ siwo nye Aƒetɔ alo Mawu ɖo eteƒe. Gake esime woŋlɔ Biblia la, Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme wòde zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ. Yesu na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ esime wòfia nu wo tso Mawu ŋu.—Xlẽ Yohanes 17:26.\nKpɔ video si nye Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?\n4. Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?\nÐe ale si fukpekpewo xɔ aƒe ɖi la fia be Yehowa nye Mawu si metsɔa ɖeke le eme na mí oa? Ame aɖewo gblɔna be ehea fukpekpewo vaa mía dzi tsɔ doa mí kpɔ, gake menye nyateƒee o.—Xlẽ Yakobo 1:13.\nMawu na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔwo tsɔ de bubu wo ŋu. Ðe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míatiae be míasubɔ Mawu la medzɔ dzi na mí oa? (Yosua 24:15) Gake ame aɖewo tiae be yewoawɔ nu vlowo ɖe ame bubuwo ŋu, eya tae fukpekpewo bɔ ɖo. Etena ɖe Yehowa dzi ne ekpɔe wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe amewo ŋu.—Xlẽ 1 Mose 6:5, 6.\nYehowa nye Mawu si tsɔa ɖe le eme na mí. Edi be míase vivi le agbe me. Eteƒe madidi o aɖe fukpekpe kple ame siwo henɛ vanae la ɖa. Gake susu nyui aɖe tae wòɖe mɔ fukpekpe li hena ɣeyiɣi aɖe ɖo. Le Nusɔsrɔ̃ 8 lia me la, míasrɔ̃ nu tso nu si tae wòɖe mɔ ɖo la ŋu.—Xlẽ 2 Petro 2:9; 3:7, 13.\n5. Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli?\nYehowa kpe mí be míate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi. Etsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. (Psalmo 65:3; 145:18) Etsɔna kena faa. Edea dzesi agbagba siwo míedzena be míawɔ nu si dzea eŋu ne míedo kpo nu ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Eya ta togbɔ be míenye ame madeblibowo hã la, míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu.—Xlẽ Psalmo 103:12-14; Yakobo 4:8.\nEsi wònye Yehowae na agbe mí ta la, ele be míalɔ̃e wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Marko 12:30) Esi nèle agbagba dzem be yeaɖe ale si yelɔ̃ Mawui afia to nu geɖe sɔsrɔ̃ tso eŋu kple wɔwɔ ɖe nu siwo wòdi tso asiwò dzi me la, wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli wu.—Xlẽ 1 Timoteo 2:4; 1 Yohanes 5:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/ame-kae-nye-mawu\/","date":"2020-06-01T13:21:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347417746.33\/warc\/CC-MAIN-20200601113849-20200601143849-00473.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946829677,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946829676628113}","num_words":532,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME geɖe agblɔ be enya kpɔ ŋutɔ, ame bubuwo agblɔ be enana ame ƒe nu kuna. Eƒe afɔti le lɛe, eƒe fuwo bɔbɔ, eƒe ŋkuwo lolo hedo hɔ̃ɔ. Eƒe didime nye sentimeta 12 kple afã, eƒe kpekpeme anɔ abe gram 114 ene. Lã si woyɔna be anyɔŋɔnɔe la ƒomevi aɖee míewɔnɛ.\nMina míalé ŋku ɖe Filipinetɔwo ƒe anyɔŋɔnɔe ƒomevi sia ŋu vie. Eƒe ŋkuwo, towo, asiwo, afɔtiwo, afɔwo kple asike ƒe lolome mesɔ ɖe eƒe ametia ƒe lolome nu o. Gake ŋkuléle ɖe lã wɔnuku sia ŋu nyuie ana míade dzesi nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo tso eŋu.\nEƑE NUSESE: Lã sia si ƒe to le falɛfalɛe abe pepa ene la tea ŋu fɔa to dzi eye wòtea ŋu ŋea to hã. Etea ŋu sea gbeɖiɖi suetɔ kekeake gɔ̃ hã. Ale si eƒe to ɖa alea kpena ɖe eŋu wòƒoa asa na lã lénuwo abe dzatawo ene, eye wòkpena ɖe eŋu hã be wòtea ŋu sea eƒe nulélewo ƒe ŋkɔ. Le zã me la, lã sia ƒe towo trɔna ɖe bɔtriwo, babawo, adoŋgowo, xewo kple akpɔkplɔwo ƒe gbeɖiɖi ŋu. Eye wòtrɔa kɔ kpɔa nu si wòdi be yealé la kple eƒe ŋku hɔ̃ mawo.\nEƑE LÉLE ÐE NU ŊU: Wowɔ lã sia ƒe asiwo ale gbegbe be etea ŋu léa ati lɛlɛwo. Nanewo le eƒe asibidɛwo nu siwo le abe ʋu ƒe taya gɔme ene siwo nana be wòtea ŋu léna ɖe nu ŋu sesĩe. Ne ele alɔ̃ dɔm gɔ̃ hã la, eléna ɖe nu si ŋu wòle la ŋu goŋgoŋ. Nu mawo ke le eƒe asike legbe la gɔme siwo nana be wòlina ɖi sesĩe va se ɖe esime wònyɔ.\nEƑE NUKPƆKPƆ: Lã siwo naa no vi la dometɔ aɖeke ƒe ŋku melolo de etɔ nu ne wotsɔe sɔ kple eƒe ametia ƒe lolome o. Le nyateƒe me la, anyɔŋɔnɔe ƒomevi sia ƒe ŋku lolo wu eƒe ahɔhɔ̃! Lã sia metea ŋu troa eƒe ŋkuwo o; ɖeko wòkpɔa nu tẽe. Ðe esia doa kplamatsɛa? Kura o. Eƒe kɔ bɔbɔ ale gbegbe be etea ŋu trɔna ɖe megbe le go eveawo katã me.\nEƑE NULÉLE: Ale si eƒe afɔwo didi nana wòtea ŋu dzona meta 6 si wu eƒe ametia ƒe didime ƒe teƒe 40! Ne lã sue sia di be yealé nu la, etia kpo le vivitia me, eƒe asiwo nɔa keke ɖi, eye wòyina ɖadzea nu si wòdi be yealé la dzi pɛpɛpɛ.\nLã sia metea ŋu nɔa agbe le gadza me o, elabena elɔ̃a nudzodzoeviwo ɖuɖu agbagbee eye melɔ̃na hã be woaka asi ye ŋu o. Ke hã, lã tɔxɛ sia ƒe nu gakpɔtɔ wɔa nuku na Filipinetɔwo. Avemelã ŋkuhɔ̃ sia si ƒe nu léa dzi na ame la ƒe akpa ɖe sia ɖe kloe wɔa dɔ ɖe ame dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201412\/any%C9%94%C5%8B%C9%94n%C9%94e-%C6%92omevi-a%C9%96e\/","date":"2020-05-29T21:30:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347406365.40\/warc\/CC-MAIN-20200529183529-20200529213529-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971038103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971038103103638}","num_words":447,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nApostolo Yohanes gblɔ tso Yesu ƒe agbemenudzɔdzɔ siwo ŋuti wòŋlɔ nu tsoe la ŋu be: \"Ame si kpɔe la ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nya be nyateƒenyawoe yegblɔna, bene miawo hã miaxɔe ase.\"—Yohanes 19:35.\nSusu siwo tae wòle be míaxɔ Nyanyuigbalẽ siwo Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ la me nyawo dzi ase la dometɔ ɖekae nye be esime woŋlɔ ŋutinya mawo la, ame siwo kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe la dometɔ geɖe gakpɔtɔ le agbe ɣemaɣi. Le numekugbalẽ aɖewo ƒe nya nu la, woŋlɔ Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa le ƒe 41 me, si nye ƒe enyi le Kristo ƒe ku megbe. Agbalẽnyala geɖe susui be woŋlɔe do megbe na ƒe ma, gake ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be wowu Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo Nubabla Xoxoa ŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ me.\nAme siwo kpɔ Yesu esime wònɔ anyigba dzi, eye wokpɔ eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi teƒe la, ate ŋu aɖi ɖase tso Nya Nyui Gbalẽawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu. Ne ɖe wònye be ŋutinyawo mede pɛpɛpɛ o la, anye ne woʋu go esia bɔbɔe. Agbalẽnyalagã F. F. Bruce gblɔ be: \"Nu siwo na apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe kpe dometɔ ɖekae nye be woƒo nu tso nu siwo ŋu woƒe nyaselawo ŋutɔ nya nu tso la ŋu; womegblɔna ko be 'mía ŋutɔwo míekpɔ eteƒe o,' ke boŋ be 'abe ale si mia ŋutɔwo hã mienyae ene' (Dɔwɔwɔwo 2:22).\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%A3eka%C9%A3ie-wo%C5%8Bl%C9%94-nyanyuigbal%E1%BA%BDwo\/","date":"2020-06-02T17:52:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347425481.58\/warc\/CC-MAIN-20200602162157-20200602192157-00253.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992172122,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992172122001648}","num_words":238,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nSlovakia\nNáboženská spoločnosť Jehovovi svedkovia\nPO Box 2\n830 04 BRATISLAVA 34\nSLOVAK REPUBLIC\n+421 2-49107611\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1 va se ɖe ɣetrɔ 5\n0","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/slovakia\/","date":"2020-07-12T23:45:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657140337.79\/warc\/CC-MAIN-20200712211314-20200713001314-00466.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997225404,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997225403785706}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"8\nAME SIWO GBƆGBƆVƆ̃WO LE FU ƉEM NA LA FE GBEDODOƉA ƑE SAFUI\nAme si sí vivitime futɔ vɔ̃ɖi siawo le, hele nugblẽm nɛ la, nabla nu, Fiɖa kple Memliɖa le Kwasiɖa ɖe sia ɖe me vaseɖe azã etɔ̃ me; eye wòaxle nya siawo abe eƒe dzi me nyawo ene, ɖe Yehowa ŋku me tso zã, ga wieve vaseɖe ga ɖeka. Le ŋkeke me hã ateŋu, ado gbe ɖa fãa. Ke ame sia nakpɔ nyuie be wòagatsɔ eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃biabia ɖeke ado hosui na futɔwo o. Wòatsri nu makɔmakɔwo ɖuɖu, nuveviewɔame, alakpadada kple nu vɔ̃ɖi bubuawo katã. Ne amea wu gbedodoɖa la nu la, wòawɔ dzɔdzenyenye dɔa ɖe atsɔ aɖo kpe eƒe Yehowa sisitso la dziI\nGBEDODOƉA LA ŊUTƆ\nWò amenuvevewo katã ƒe Mawu, si ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo tso ame vɔ̃ɖiwo katã ƒe fego ma. Wò Mawu, si hee do go tso amekukuwo domee la, tɔwoe nye bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu to dzidzimeawo katã me yi ɖe mavɔ me. Menya wò eye mese wò nukudɔwo, wo si he Sadrax kple etɔwo dogoe tso ame vɔɖiwo ɖe kpodzo me. Wò Mawu si ɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me. Wò si kplɔ Israel to tɔ sesẽwo mee la, wòe mewu nye mo dzi na, xɔ nam, eye naɖem tso nye futɔ gota gometɔ kple eme gometɔwo siaa sime. Nye futɔwo zu agbi le miyem, eye wo zu dzoxi le ŋukeklẽ dom nam. Ƒu kple lãe menye, ke woawo nye viviti me yaƒoƒowo. Wodoa woƒe lòlo kple ŋutete ɖe dzinye ƒe ŋugbe, ale wozu nye gbe sia gbe ƒe bibi si le ŋɔdzi dem lãme nam. Oo, Israel ƒe Ɖela kple kplɔla, tso, eye nakawo ahlẽ, atsiwo abe dzoka ene le wò ŋusẽ me ɖe woɖa abe ale si agakpewo ʋuʋuna le ŋku wò me ene. Ʋuʋuwo abe anyigba ene. Do ŋɔ̃dzi na wo eye woasi le ŋgɔnye abe ale si ade sina le adela nue ene. Yrɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kawo le wo me abe ale si kpɔ tsoa kae ene. Tutu woƒe ahɔhlɔ̃ɣliwo ɖa le ɣea te, eye megana tɔɖoƒea ɖeke wo o, le wò nutɔnyenye ɖe xexeama dzi ta. Na wo kple nu siwo le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi-nyenye ƒe anyinɔnɔ ta ʋlim la natsrɔ̃. Megagbe woƒe aɖaŋu vɔ̃wo me dede o; elabena amedzɔdzɔe kple amemaɖifɔ ŋue wodoa kodzo ɖo hena wo dome gbegblẽ. Eyata aʋakɔwo ƒe Mawu tu woƒe fe na wo ɖe woƒe dzime nugbe vɔ̃wo ɖoɖo nu. Bena sidzedze na va anyigba blibo la dzi, be wòe nye Yehowa ŋɩtilãwo katãƒe gbɔgbɔ tɔ, tso fifia ɖa se ɖe mavɔ me. Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"http:\/\/www.arshymnbookonline.co.uk\/gbedodo598a-8.html","date":"2020-07-10T19:03:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655911896.73\/warc\/CC-MAIN-20200710175432-20200710205432-00390.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988065958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988065958023071}","num_words":423,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AÐAKAƲUA godo la, ameawo yi woƒe agbenɔnɔ dzi abe tsã ene. Womexɔe se be Tsiɖɔɖɔ ava o. Ðewohĩ woko nu wu tsã. Gake eteƒe medidi o wodzudzɔ nukoko.\nZi ɖeka kasia, tsi te dzadza. Ekɔ ɖi bababa tso dziƒo abe alesi nakɔ tsi ɖe anyi tso tɔkpo me ene. Noa to nyateƒe! Gake fifia la, wotsi megbe, ame aɖeke magate ŋu age ɖe aɖakaʋua me o. Yehowa do ʋɔ la sesĩe.\nKasia anyigbaʋewo katã yɔ. Tsi la nyẽ zi abe tɔsisi gã aɖe ene. Tsia ho atiwo ƒu anyi hemli kple gagãwo, eye eƒe sisi la ɖi hoo ŋutɔ. Vɔvɔ̃ ɖo ameawo. Wolia to kɔkɔwo. Oo, edzro wo ŋutɔ be ɖe yewonya la, ne yewoɖo to Noa heyi ɖe aɖakaʋu la me esime ʋɔtrua nɔ ʋuʋu ɖi na yewo la! Gake fifia la, etsi megbe akpa.\nTsia le ɖɔɖɔm ɖe edzi ŋutɔ. Tsia kɔ ɖi bababa tso dziƒolilia ŋu hena ŋkeke 40 kple zã 40 sɔŋ. Tsia do agbogbo ɖe towo, eye kasia to kɔkɔtɔ kekeakewo kura gɔ̃ hã bu ɖe eme. Eyata abe alesi pɛpɛpɛ Mawu gblɔe ene la, amewo kple lã, siwo le aɖaka la godo la ku. Gake nusianu, si le eme la le dedie.\nNoa kple viaŋutsuawo wɔ dɔ nyui aɖe le aɖakaʋu la kpakpa me. Tsi la kɔe ɖe dzi, eye wòho ɖe tsi la dzi. Emegbe esi tsia ke la, ŋdɔ te ʋuʋu. Enya kpɔ ale gbegbe! Atsiaƒu gã ɖeka koe le afisiafi. Eye nusi nàte ŋu akpɔ koe nye aɖakaʋu, si ho ɖe tsia dzi.\nAme dzɔtsuawo nu yi azɔ. Womegale afi aɖeke azɔ be woawɔ nuvevi amewo o. Wo katã woku, hekpe ɖe wo dadawo kpakple ame vlo bubuawo ŋu. Gake nukae dzɔ ɖe wo fofowo ya dzi?\nAme dzɔtsuawo fofowo ya menye amegbetɔ ŋutɔŋutɔwo abe míawo ene o. Mawudɔlawo wonye heɖi va be woanɔ agbe abe amegbetɔwo ene le anyigba dzi. Eyata esi Tsiɖɔɖɔa va la, woawo meku kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. Woɖe asi le amegbetɔ ƒe ŋutilã, siwo wotrɔ zu la ŋu, eye wogatrɔ yi dziƒo abe mawudɔlawo ene. Gake womegaɖe mɔ na wo be woanye Mawu ƒe dɔlawo ƒe ƒomea ƒe akpa aɖe o. Eyata wotrɔ zu Satana ƒe dɔlawo. Le Biblia me la, woyɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo.\nMawu na ya aɖe ƒo azɔ, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, aɖakaʋua va xa ɖe to aɖe tame. Ŋukeke geɖewo va yi, eye amesiwo le aɖakaʋua me la te ŋu doa mo ɖa hekpɔa toawo tame ɖa. Tsia le miemie dzi ʋɛʋɛʋɛ.\nTete Noa ɖe asi le xevi yibɔ aɖe, si ŋkɔe nye akpaviã ŋu ɖo ɖa. Ne edzo yi ɖatsa sẽ la, egatrɔna gbɔna, elabena mekpɔ teƒe nyui aɖeke wòadze ɖo o. Eyi esia wɔwɔ dzi, eye zi alesi wòtrɔ gbɔ la, edzena ɖe aɖaka la tame.\nNoa di be yeanya be tsia mie vɔ le anyigba dzi hã; eyata egadɔ ahɔ̃nɛ aɖe ɖa tso aɖakaʋua me. Gake ahɔ̃nɛa hã trɔ gbɔ elabena mekpɔ teƒe aɖeke wòanɔ o. Noa gadɔe ɖo ɖa zi evelia, eye wògatrɔ gbɔ helé amitiɖɔmee ɖe nu vɛ. Eyata Noa dze sii be tsia mie keŋkeŋ. Noa dɔ ahɔ̃nɛa ɖo ɖa zi etɔ̃lia, eye mlɔeba la, ekpɔ anyigba ƒuƒui, si dzi wòanɔ.\nMawu ƒo nu na Noa azɔ. Egblɔ bena: 'Mi kple wò ƒome bliboa katã mido go le aɖakaʋua me, hekpe ɖe lã, siwo le gbɔwò la ŋu.' Wonɔ aɖakaʋu la me wu ƒe blibo ɖeka. Eyata míate ŋu akpɔe ɖa le susu me alesi wo katã kpɔ dzidzɔe be yewogado ɖe gota, eye be yewogale agbe!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/tsi%C9%96%C9%94%C9%96%C9%94-g%C3%A3-la\/","date":"2020-07-12T10:34:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657134758.80\/warc\/CC-MAIN-20200712082512-20200712112512-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993668199,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999366819858551}","num_words":590,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wokpɔ nya sia gbɔe me?\n15:1, 2—Bɔbɔ ɖokuiwò eye nàgbɔ dzi ɖi. Le esi Paulo kple Barnaba ŋutɔ nanɔ agbagba dzem be yewoakpɔ nyaa gbɔ teƒe la, wodi mɔfiame tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ boŋ.\n15:28, 29—Ka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi. Hamea ka ɖe edzi be Yehowa ato gbɔgbɔ kɔkɔea kple Kristo Yesu dzi afia mɔ yewo le nya sia me.\n16:4, 5—Ðo to. Hameawo dzi ɖe edzi esi wowɔ ɖe dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiamea dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec17-23\/ts%C9%94-nus%C9%94s%C9%94e-tso-nya-me\/","date":"2020-08-12T04:01:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738864.9\/warc\/CC-MAIN-20200812024530-20200812054530-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980971813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980971813201904}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.309,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAleke woda kpo siwo wotsɔ kɔa nubablaɖaka la ɖii esi Fiawo I, 8:8 ɖee fia be wokpɔa wo tso Kɔkɔeƒe la me?\nEsi Yehowa fia Mose alesi wòawɔ avɔgbadɔ lae le gbeadzi la, nubablaɖaka lae nye nu vevitɔ wu le wo dome. Aɖaka sia si ŋu wofa sika ɖo si le dzogoe ene me la mee kpe si dzi woŋlɔ Sea ɖo kple nu bubuwo nɔ. Xɔgã ememetɔ alo megbexɔ si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe mee wònɔ. Wotsɔ sika wɔ kerubi eve siwo keke aʋalã ɖe Aɖakaa ƒe nutsyɔnu dzi. Asigɛwo le Aɖaka la ƒe go ɖesiaɖe ŋu ale be woate ŋu atsɔ kpo eve siwo wotsɔ xéti kpae eye wofa sika ɖe wo ŋu la akɔe. Eme kɔ ƒã be wotsɔ kpoawo de asigɛawo me to Aɖaka la te lɔbɔɔ. Eyata Aɖaka si le enɔƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si le avɔgbadɔ si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la awɔe be kpoawo atrɔ ɖe dziehe va yi anyiehe. Alea tututue wònɔ le esime Aɖaka la nɔ gbedoxɔ si Salomo tu la hã me.—Mose II, 25:10-22; 37:4-9; 40:17-21. *\nXɔmetsovɔ aɖe ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe kple Kɔkɔeƒe (xɔgã emetɔ) la me. Nunɔla si le Kɔkɔeƒe la mate ŋu akpɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me ahayi Aɖaka si dzi Mawu ɖea eɖokui fiana le la kpɔ ge o. (Hebritɔwo 9:1-7) Eyata Fiawo I, 8:8 adze abe nusi tɔtɔa ame ene: \"Kpoawo didi, ale be wokpɔa kpoawo nu tso kɔkɔeƒe la me le megbexɔ la nu, ke womekpɔa wo tso gota o.\" Nya ma kee dze le Kronika II, 5:9 hã. Aleke kpoawo dzenae na amesi le gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒe la?\nAme aɖewo susui be kpoawo ka xɔmetsovɔa ŋu si na be teƒea ho ɖe dzi wokpɔna le avɔa megbe. Gake esia mate ŋu anɔ alea ne kpoawo trɔ ɖe dziehe va yi anyiehe esime xɔmetsovɔa hã trɔ nenema o. (Mose IV, 3:38) Numeɖeɖe si me kɔ aɖe li. Kpoawo anya dze ne mɔ sue aɖe le xɔmetsovɔa kple gbedoxɔa ƒe glia dome alo ne nunɔlagã le gegem ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me. Xɔmetsovɔa xe Aɖaka la ŋgɔ be womate ŋu akpɔe keŋkeŋ o, gake kpo siwo didi wu aɖaka la ƒe go eveawo anya nɔ dzedzem to mɔ sue ma me. Togbɔ be numeɖeɖe sia me kɔ hã la, míate ŋu ate tɔ ɖe edzi fũ o.\nEme kɔ ƒã be nu geɖe kpɔtɔ li si míava srɔ̃. Apostolo Paulo ƒo nu tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me. Emegbe egblɔ be: \"Nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ . . . wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.\" (Hebritɔwo 9:5) Nuteƒewɔlawo ƒe tsitretsitsi si gbɔna aʋu mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname ɖi na mí be míasrɔ̃ nu tso ŋutsu siwo nye Mose, Aron, Bezaleel, kple ame bubu siwo nya nu tso avɔgbadɔa kple eŋudɔwo ŋu la gbɔ.—Mose II, 36:1.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Womeɖea kpoawo le asigɛawo me ne woda Aɖaka la ɖe enɔƒe le avɔgbadɔa me gɔ̃ hã o. Edze ƒã be womagate ŋu atsɔ kpoawo awɔ nu bubu aɖeke o. Eye mele be woaka asi Aɖaka la hã ŋu o; ke ne woɖe kpoawo ɖa le asigɛawo me la, mɔzɔzɔ ɖesiaɖe abia be woaka asi Aɖaka kɔkɔea ŋu be woagagbugbɔ kpoawo ade asigɛawo me. Nya siwo le Mose IV, 4:6 si ku ɖe 'kpoawo dede' ŋu anya fia kpoawo dzɔdzɔ nyuie esi wole dzadzraɖo wɔm ɖe ʋuʋu ayi teƒe yeye aɖe ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20011015\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-08-11T11:03:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00338.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985709786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99857097864151}","num_words":552,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Àte ŋu anɔ anyi Mawu manɔmeea? Ame miliɔn geɖe se le wo ɖokui me nenema.\" Nya siae woŋlɔ ɖe boblodoʋuƒo aɖe dzi nyitsɔ laa, eye mawudzimaxɔselawo ƒe ha aɖee na ga wotsɔ wɔe. Edze ƒãa be wose le wo ɖokui me be yewomehiã Mawu o.\nKe hã ame siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se la dometɔ geɖe wɔa nu abe ɖe Mawu meli o ene. Katolikotɔwo ƒe bisiɔpgã Salvatore Fisichella gblɔ tso eƒe sɔlemea me tɔwo ŋu be: \"Ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu egbea la manya be Kristotɔwoe míenye o, elabena míenɔa agbe abe dzimaxɔsetɔwo ke ko ene.\"\nVovo mele ame aɖewo ŋu kura ne woayi Mawu ŋu bu ge o. Wosusuna be mevo ɖe yewo ŋu o, alo be ele adzɔge ʋĩi akpa be wòawɔ akpa vevi aɖe le yewoƒe agbe me. Womebua tame le Mawu ŋu o, negbe ɖe woɖo xaxa me alo hiã nane hafi, abe ke ɖe dɔtsɔlae Mawu nye na wo ene.\nAme bubuwo hã sena le wo ɖokui me be viɖe boo aɖeke mele sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ŋu o, eye womenɔa agbe ɖe wo nu hã o. Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔ siwo le Germany la dometɔ 76 le alafa me kpɔe be naneke megblẽ le eŋu be atsu kple asi nanɔ wo nɔewo gbɔ hafi ava ɖe srɔ̃ o\nKpɔɖeŋu siawo fɔ biabia vevi aɖe ɖe te, si nye be: Ðe míehiã Mawu vavã? Menye nya yeyee nya sia nye o. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒe ta gbãtɔawo me kee nya sia fɔ ɖe te le zi gbãtɔ. Be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, na míadzro nya aɖewo siwo fɔ ɖe te le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131201\/%C9%96e-m%C3%ADehi%C3%A3-na-mawu-vav%C3%A3\/","date":"2020-08-05T03:08:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735906.77\/warc\/CC-MAIN-20200805010001-20200805040001-00132.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994001389,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994001388549805}","num_words":279,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"239. Mía Fofo_le dziƒo le wò ŋku me\ntraduit de « Père, nous comprendrons »\n1.\nMía Fofo, le dziƒo le wò ŋku me, míava se\nWò lɔlɔ̃ gã na tɔwò ɖesiaɖe gɔme.\nLe mavɔ me, míava kafu wò 'menuveve,\nSi nèkɔ ɖe mía dzi le Yesu ƒe dɔ ta.\n2.\nWò ɖoɖo gãwo manɔmee la, míakpɔ agbe\nTo xɔse, si léa xɔxɔ mavɔ la dzi o.\nMíele wò amenuveve gã, si nya mí ɖi\nHetia mí na dziƒo la dom ɖe dzi xoxo.\n3.\nOo Mawu, si ko nya nu ƒe ɖoɖo wɔ nuku :\nNèdi be míanɔ ŋuikɔkɔe me kple Vi la !\nWò lɔlɔ̃ manyagblɔ la tia mí daɖi bene\nMíava ƒo xlã Viwò, atsyɔ̃ 'ƒe nɔnɔme.\n4.\nKesinɔnu kae meheɣla ɖe nukunu sia,\nSi me míava dzro kpɔ le mavɔ la me oa !\nLe Fofo la ƒeme ƒe dzɔgbenyui blibo me,\nMia Mawu, woakafu wò ŋkɔ yi mavɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/cantiques.yapper.fr\/Ewe\/HeC_239-Ewe.html","date":"2020-09-29T18:08:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400202418.22\/warc\/CC-MAIN-20200929154729-20200929184729-00385.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971675873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971675872802734}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.277,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kura o!\nNyateƒea: Zi geɖe la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe dzodzro ma nɔa ame me. Lisette, si xɔ ƒe 16 la, kpɔe be nya sia nye nyateƒe. Egblɔ be: \"\nMesrɔ̃e le dzɔdzɔmeŋutinunya me le suku be le sɔhɛmenɔɣi la, tɔtrɔ geɖewo vana le míaƒe ŋutinuwo me siwo nana gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna. Meka ɖe edzi be ne ɖe sɔhɛwo nya nu tso woƒe ŋutilã ŋu nyuie la, woanya be ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nue seselelãme ma nye, eye womase le wo ɖokui me be ele be yewoakpɔ gome le nuwɔna sia me o.\"\nNe dzodzro sia nɔa amea me eteƒe didina ya ɖe? Ðe wòanye tagbɔsesẽ be Mawu nade se na ŋutsu si ŋutsugbɔdɔdɔ dzrona alo nyɔnu si nyɔnugbɔdɔdɔ dzrona la be megawɔ nu sia oa?\nNe èɖo nyabiase sia ŋu be ɛ̃ la, ele be nànyae be nuwo ŋu bubu alea nɔ te ɖe susu totro si nye be ele be amegbetɔ naɖi kɔ na eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo la dzi. Biblia de bubu amegbetɔwo ŋu le esi wòka ɖe edzi na wo be woate ŋu atiae be woaɖu woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo dzi ne wodi vavã be yewoawɔe nenema.—Kolosetɔwo 3:5.\nBiblia ƒe sedede sia me kɔ. Se si Biblia de na ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o be \"\nmisi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu\" la kee yi na ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo siaa hã. (1 Korintotɔwo 6:18) Nyateƒeae nye be ɖe ŋutsu miliɔn geɖe siwo srɔ̃wo nye nyɔnuwo la ɖua wo ɖokuiwo dzi hafi tea ŋu ɖua gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo dzi, le esiwo di be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nudidiwo dzi ta. Ŋutsu siwo ŋutsugbɔdɔdɔ dzrona alo nyɔnu siwo nyɔnugbɔdɔdɔ dzrona la hã ate ŋu awɔ nenema ke ne wodi vevie be yewoadze Mawu ŋu.—5 Mose 30:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C5%8Butsu-%C5%8Butsugb%C9%94d%C9%94la\/","date":"2020-09-26T12:58:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400241093.64\/warc\/CC-MAIN-20200926102645-20200926132645-00246.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984412789,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":7,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984412789344788}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Rebeka nye nyɔnu si lɔ̃ Yehowa. Srɔ̃a ŋkɔe nye Isak. Isak hã lɔ̃ Yehowa. Aleke Rebeka kple Isak wɔ do go? Nu kae Rebeka wɔ tsɔ do dzidzɔ na Yehowa? Na míasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.\nIsak fofoe nye Abraham, eye dadaa ŋkɔe nye Sara. Wonɔ Kanaan. Kanaantɔwo mesubɔa Yehowa o. Gake Abraham di be ye vi naɖe nyɔnu si subɔa Yehowa. Eya ta edɔ eƒe subɔvi ɖe du si woyɔna be Xaran la me be wòaɖe srɔ̃ na ye vi Isak. Anɔ eme kokoko be Eliezer ye Abraham dɔ. Xaran nye du si me Abraham ƒe ƒometɔ aɖewo nɔ.\nAbraham ƒe subɔvi bubuwo hã kplɔ Eliezer ɖo yi. Teƒe si woyi la didi ŋutɔ. Wokplɔ kposɔ ewo ɖe asi, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunanawo ɖe kposɔawo dzi yii. Aleke Eliezer awɔ anya nyɔnu si wòaɖe na Isak? Esi Eliezer kple subɔvi bubuawo va ɖo Xaran la, wova tɔ ɖe vudo aɖe to. Eliezer nya be eteƒe madidi o amewo ava ku tsi le vudoa me. Edo gbe ɖa na Yehowa be: 'Ne nyɔnuvi aɖe va tsi ku ge, si magblɔ na be na tsim mano, eye wòana tsi nye ŋutɔ kple nye kposɔawo la, ke manyae be nyɔnu siae nètia.'\nEteƒe medidi o, ɖetugbui Rebeka ye nye ema va tsi ku ge. Biblia gblɔ be Rebeka dze tugbe ŋutɔ. Eliezer biae be wòana tsi vi aɖe ye yeano. Eye nyɔnuvia gblɔ be: 'Mana tsi wò nàno eye makui na wò kposɔwo hã woano.' Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Kposɔ siwo tsikɔ le wuwum noa tsi gbogbo ŋutɔ. Eya ta ele be Rebeka nanɔ tsia kum anɔ kum na wo. Ðe mèkpɔe le nɔnɔmetata me be ele dɔ dzi vevie oa?— Ewɔ nuku na Eliezer ŋutɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu na ye alea.\nEliezer tsɔ nunana nyui geɖewo na Rebeka. Ekplɔ Eliezer kple subɔvi bubuawo yi aƒe me. Eliezer gblɔ nu si tae Abraham dɔe ɖe du sia me ɖo kple ale si Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa ŋui na wo. Edzɔ dzi na Rebeka ƒe ƒometɔwo be yewoatsɔe ana Isak wòaɖe.\nRebeka kplɔ Eliezer ɖo yi Kanaan eye wòzu Isak srɔ̃\nGake èsusu be Rebeka di be yeaɖe Isak nyateƒea?— Rebeka nya be Yehowae dɔ Eliezer ɖe yewo gbɔ. Eya ta esi Rebeka ƒe ƒometɔwo biae be adi be yeayi Kanaan azu Isak srɔ̃ hã la, eɖo eŋu be: 'Ɛ̃, mayi.' Ekplɔ Eliezer ɖo enumake. Esi wova ɖo Kanaan la, Isak ɖee wòzu srɔ̃a.\nEsi Rebeka wɔ nu si Yehowa di be newɔ ta la, Yehowa yrae. Ƒe geɖe megbe la, wova dzi Yesu ɖe Rebeka ƒe ƒomea me. Ne èna dzi dzɔ Yehowa la, ayra wò hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/rebeka-di-be-yeana-yehowa-nakp%C9%94-dzidz%C9%94\/","date":"2020-09-29T01:33:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600401617641.86\/warc\/CC-MAIN-20200928234043-20200929024043-00525.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9933900833,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9933900833129883}","num_words":441,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame miliɔn geɖe le mɔ kpɔm na Mawu Fiaɖuƒea le xexea me godoo. Wokpɔa mɔ nɛ abe ale si Yesu wɔe ene, elabena efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: \"Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.\"\nNukutɔe la, esime ame geɖe tsɔ ɖe le Mawu Fiaɖuƒea me vevie la, subɔsubɔha akpa gãtɔ ya metsi dzi ɖe eŋu boo o. Esia ta, ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells gblɔ be Yesu de \"asixɔxɔ gã aɖe . . . nufiafia tso nu si wòyɔ be Dziƒofiaɖuƒe la ŋu\" ale gbegbe, evɔ le Aƒetɔ Wells ƒe nya nu la, 'Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha akpa gãtɔ ya meƒoa nu tso fiaɖuƒe sia ŋu nenema le woƒe nufiafia me o.'\nGake Yehowa Ðasefowo ya to vovo, elabena woƒoa nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu ŋutɔ. Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ: Míetaa míaƒe magazine vevietɔ si xlẽm nèle fifia la ɖe gbegbɔgblɔ 220 sɔŋ me. Ðe sia ɖe ƒe xexlẽme si wotana la ade miliɔn 46 kloe, si wɔe be wòƒo magazine bubu ɖe sia ɖe ta le xexea me godoo. Nyati vevi ka ŋue magazine sia ƒoa nu tso? Eƒe ŋkɔ bliboa ye nye: Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. *\nNu ka tae Yehowa Ðasefowo le agbagba dzem alea gbegbe be yewoaɖe gbeƒã alo akaka Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya ɖo? Susu si tae nye be, gbã, míexɔe se be Mawu Fiaɖuƒea ye nye nyati vevitɔ si le gbedeasi si le Biblia, si nye agbalẽ vevitɔ kekeake le xexea me la me. Gakpe ɖe eŋu la, míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ɖeka koliae koe ate ŋu akpɔ kuxi siwo le fu ɖem na amegbetɔwo egbea la gbɔ.\nNe Yehowa Ðasefowo le nu fiam amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Mawu Fiaɖuƒea ye nye nu vevitɔ nɛ, eye eya koŋ ŋue wòƒo nu tso le eƒe subɔsubɔdɔa me. (Luka 4:43) Nu ka tae Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu nenema gbegbe? Eye aleke Fiaɖuƒea ate ŋu aɖe vi na wòe? Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ nyati siwo kplɔ esia ɖo be nàkpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siawo ŋui.\n^ mm. 5 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141001\/nya-nu-si-mawu-fia%C9%96u%C6%92ea-nye\/","date":"2020-09-21T01:12:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400198868.29\/warc\/CC-MAIN-20200920223634-20200921013634-00651.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997803092,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978030920028687}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kuxi Siwo Le Vihehe me Egbea\nLE FIẼ aɖe me la, nuɖuɖudzraƒe tɔ aɖe le dzadzram ɖo be yeakpã ayi aƒeme. Kasia nyɔnu eve kple ɖevi aɖe ge ɖe nuɖuɖudzraƒea be yewoaƒle nuɖuɖu aɖe. Esi wònye be ɖeɖi te nuɖuɖudzraƒe tɔa ŋu ta la, egblɔ kloe be yekpã, ke hã, edzra nuɖuɖu si dim wole la na wo. Esime nyɔnu eveawo le nua ɖum hele dze ɖom la, ɖevia ya le du sim to teƒea katã hele akpɔnɔ kakam ɖe anyigba hele afɔ titim ɖe wo dzi. Le esi teƒe be ɖevia dada nagbe nya nɛ la, ɖeko wòle nu kom. Esi asisiawo ɖu nua vɔ dzo mlɔeba la, ele na nuɖuɖudzraƒe tɔa, si ŋu ɖeɖi te la be wòagadzra teƒea ɖo.\nAbe alesi ɖewohĩ nènyae ene la, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia fia be womele ɖeviwo hem nyuie le ƒome geɖe me o. Nu vovovowo gbɔe wòtso. Dzila aɖewo wɔa vi na wo viwo ɖea asi le wo ŋu wowɔa nusi wodi, hebuna be ele be ɖeviwo nanɔ ablɔɖe me le wo heɣi. Alo le esi dzilawo mekpɔa vovo o ta la, womete ŋu xɔa ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu léa ŋku ɖe wo ŋu henaa hehe si wohiã la wo o. Dzila aɖewo sena le wo ɖokui me be yewo via ƒe sukudedee nye nu vevitɔ kekeake, eyata woɖea asi le ɖevia ŋu wòwɔa nusianu si wòlɔ̃ ne ɖevia nya dzea agbagba le suku nyuie si ana woaxɔe ɖe kɔledzi xɔŋkɔ aɖe me wòade suku ko.\nKe hã, ame aɖewo le gbɔgblɔm be ele be woawɔ tɔtrɔ le gɔmeɖose kple dzidzenu siwo nu dzilawo kple ame akpa gãtɔ nɔa agbe ɖo la ŋu. Wohea nya be ɖeviwo va le wo ɖokui ƒom ɖe nuvlowɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe me, eye ŋutasẽnuwɔwɔ le suku va le agbogbo dom ɖe edzi gbesiagbe. Esia tae titinasuku aɖe ƒe tatɔ si le Seoul, Republic of Korea, te gbe ɖe edzi be ɖeviwo hehe woatu nɔnɔme nyuiwo ɖoe wòle be wòanye nu vevitɔ kekeake. Egblɔ be: \"Nɔnɔme nyuiwoe wòle be woatu ɖo gbã hafi sidzedze nakplɔe ɖo.\"\nDzila geɖe siwo di be yewo vi nade kɔledzi eye agbe nadze edzi nɛ la doa toku nuxlɔ̃amenyawo. Ne dzilae nènye la ameka ƒomevie nèdi be ye vi nava nye? Ame tsitsi ɖota si ƒe agbe nyoa? Amesi bua ame bubuwo ŋu, trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu, henye amesi si mɔkpɔkpɔ lea? Nenye nenemae la ke taflatse dzro nyati si kplɔ esia ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040615\/Kuxi-Siwo-Le-Vihehe-me-Egbea\/","date":"2020-11-25T11:27:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141182776.11\/warc\/CC-MAIN-20201125100409-20201125130409-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994904399,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994904398918152}","num_words":404,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexeme si Atamanono Zu Numame na\nBILL nye ŋutsu dɔmenyotɔ, ŋutsu nyanu, kple ŋutsu sesẽ aɖe. Elɔ̃ eƒe ƒomea. Gake edze sigaret nono gɔme esi wònye ɖekakpui dzaa ko. Eva lé fu nuwɔnaa emegbe le agbeme ya. Gake esime sigaret dzudzɔ gakpɔtɔ nɔa dodom le eƒe nu kple ŋɔti me la, exlɔ̃a nu viawo vevie tsi tre ɖe atamanono ŋu, gblɔna be enye bometsinu ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, emiãna sigaret-go ɖeka ɖe eƒe alɔ sesẽawo me hetsɔ ƒua gbe ɖe xɔa me, hekaa atam be yemagano sigaret azɔ o. Gake medidina o, egadzea enono gɔme—gbã le adzame, eye emegbe le gaglãgbe.\nKansa wu Bill ƒe 15 enye si va yi, le vevesese vevie dzinu geɖe megbe. Ne ɖe menye atamanola o la, anye ne ɖewohĩ ele agbe egbea. Anye ne srɔ̃ŋutsu kpɔtɔ le srɔ̃a si; eye fofo kpɔtɔ le viawo si.\nGake togbɔ be Bill ƒe kua nye nublanuinya na eƒe ƒomea hã la, enye nudzɔdzɔ si bɔ. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ka nya ta be atamanono me dɔlélewo wua amesiwo ade miliɔn ene ƒe sia ƒe, alo ame ɖeka le sɛkɛnd enyi ɖesiaɖe me. Atamazazãe nye nusi naa dɔléle siwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo hafi wu bubu ɖesiaɖe le xexeame katã. Ne nɔnɔmeawo ayi edzi abe alesi wòle fifia ene la, le ƒe 20 megbe la, atamanono ava nye nusi wua ame hedea dɔ ame ŋu wu ɖesiaɖe le xexeame, awu ame sɔgbɔ wu ne wotsɔ amesiwo AIDS, yɔmekpe, vidzidzi me kuxiwo, lɔrifɔkuwo, ameɖokuiwuwu, kple amewuwu, tsrɔ̃ katã ƒo ƒui.\nSigaret wua ame. Gake enolawo le afisiafi. WHO gblɔ be ne mede ɖeke o la, amesiwo ade biliɔn 1.1 ye noa atama le xexeame katã. Efia be woade ame tsitsi siwo le xexeame ƒe mama ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka.\nEŋutinunyalawo bu akɔnta be togbɔ be wole nyawo tsɔm ɖe atamadɔwɔƒewo ŋu eye wole ga dɔlar miliɔn alafa geɖe xem na amewo hã la, ga mawo mede naneke o ne wotsɔe sɔ kple viɖe dɔlar biliɔn geɖe si wokpɔna. Le United States ɖeɖe la, wosusui be wowɔa sigaret biliɔn 1.5 le atamadɔwɔƒewo gbesiagbe. Le xexeame katã la, atamadɔwɔƒewo kple dziɖuɖudɔwɔƒe siwo wɔa sigaret dzraa sigaret 5,000,000,000,000 ƒe sia ƒe!\nNukatae ame geɖe yia edzi nɔa agbe si ate ŋu awu wo? Ne ènoa atama la, aleke nàwɔ adzudzɔ? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati siwo kplɔe ɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000408\/Xexeme-si-Atamanono-Zu-Numame-na\/","date":"2020-11-25T23:34:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141184870.26\/warc\/CC-MAIN-20201125213038-20201126003038-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989406466,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998940646648407}","num_words":386,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hiãtɔwo Gale Ko Ðom Ðe Edzi\n\"Dukɔ aɖeke me tɔwo mate ŋu anɔ dzidzedze kple dzidzɔ kpɔm ne woƒe akpa gãtɔ nye ame dahewo eye woƒe nu wɔ nublanui o.\"\nGANYAŊUNUNYALA Adam Smith ye gblɔ nya ma va yi le ƒe alafa 18 lia me. Ame geɖewo xɔe se be nya si wògblɔ la ƒe nyateƒenyenye le dzedzem egbea gɔ̃ hã wu. Vovototo si le kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome va le dzedzem ƒã wu. Le Philippines la, dukɔa me tɔ ɖeka le etɔ̃ me ƒe gbeɖekafetu mede (United States) dɔlar ɖeka o, gake wònye fetu si amesiwo le kesinɔdukɔwo me kpɔna le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo me zi geɖe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Human Development Report 2002 tɔ gblɔ be \"xexeame katã ƒe kesinɔtɔwo 5 le alafa me ƒe fetu sɔ gbɔ zi gbɔ zi 114 wu xexeame katã ƒe hiãtɔ 5 le alafa me tɔ.\"\nEsime ame aɖewo le nɔnɔme deamedzi me vaseɖe afi aɖe la, ame gbogbo aɖewo nye amesiwo le ame aɖewo ƒe anyigba dzi mɔmabiamabiae, eye wotua aɖakagoxɔwo ɖe afisiafi si wokpɔ. Ame aɖewo mekpɔe alea gɔ̃ hã o; ablɔ dzie wonɔna eye agbalẽgo alo aŋe kakɛ aɖe ko dzie womlɔna. Wo dometɔ geɖe kua kutri toa mɔ sia mɔ nu si woate ŋui—wotsana le aɖukpowo dzi, nɔa agba kpekpewo tsɔm, alo nɔa nusiwo woagate ŋu azã ake la fɔm da ɖe kekewo dzi.\nMenye dukɔ madeŋgɔwo me koe wokpɔa kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome vovototoa le o gake, abe alesi Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã gblɔe enea, \"'teƒe suesue siwo hiãkame le la' bɔ ɖe dukɔ ɖesiaɖe me.\" Tso Bangladesh va ɖo United States la, aleke kee kesinɔtɔwo ɖale afimae o, ame aɖewo li siwo kua kutri be yewoakpɔ nane aɖu alo akpɔ xɔ anɔ eme. The New York Times yɔ United States ƒe Amewo ƒe Xexlẽme Dzikpɔƒea ƒe akɔntabubu si nye ƒe 2001 tɔ tsɔ fia be ʋe si le kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome le kekem ɖe edzi. Egblɔ be: \"Dukɔa ƒe kesinɔtɔ gãtɔwo kekeake atɔ̃ kpɔ ga si woazã ɖe aƒedzikpɔkpɔ ŋu 50 le alafa me le ƒe si va yi me . . . Amesiwo nye hiãtɔwo kekeake atɔ̃ kpɔ 3.5 le alafa me.\" Aleae nɔnɔmea le alo vloe wu le dukɔ bubuwo mee. Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe akɔntabubu ɖee fia be ga si nu anyigbadzinɔlawo 57 le alafa me nɔa agbe ɖo gbeɖeka la mede dɔlar 2 o.\nNusi gagblẽ nyaa ɖe edzi kura enye be, le ƒe 2002 me la, nyatakaka si ku ɖe dumegãwo ƒe gakpɔkpɔ to mɔ fitifiti nu ɖe fu na ame geɖe. Ne menye nugbegblẽwɔwɔ si dze gaglã aɖekee wowɔ o hã la, ame geɖewo se le wo ɖokui me abe alesi Fortune magazine gblɔe ene be \"amegã siawo nɔ kesinɔnu gbogbo aɖewo kpɔm le nuku mɔ aɖe nu si nana ameawo ɖia vo.\" Nusi le edzi yim le xexeame ŋu bubu na wowɔna na ame aɖewo yaa be aleke eme akɔe ne ame aɖewo kpɔna ga gbogbo alea gbegbe, siwo anɔ dɔlar gbogbo aɖewo esime ame aɖewo da ahe.\nÐe Hiãkame Anɔ Anyi Ðaa?\nMenye ɖe míedi be míagblɔ be ame aɖeke mele naneke wɔm le hiãtɔwo ƒe kuxiawo ŋu o. Dziɖuɖumegã nyuidinamelawo kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo wɔ ɖoɖowo be woatrɔ asi le nɔnɔmea ŋu. Ke hã, nusiwo le dzɔdzɔm gaɖea dzi le ame ƒo kokoko. Agbalẽ si nye Human Development Report 2002 gblɔ be, \"dukɔ geɖewo da ahe ɖe edzi wu ƒe 10, 20, eye le ɖewo gome la, ƒe 30 siwo va yi,\" togbɔ be wodze agbagba nyui geɖewo hã.\nÐe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele hiãtɔwo si oa? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo ne nàkpɔ aɖaŋu nyui aɖewo si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu fifia kple egbɔkpɔnu aɖewo siwo manya susu tsã o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030801\/Hi%C3%A3t%C9%94wo-Gale-Ko-%C3%90om-%C3%90e-Edzi\/","date":"2021-01-20T03:59:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703519883.54\/warc\/CC-MAIN-20210120023125-20210120053125-00717.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991021156,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991021156311035}","num_words":603,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nFATI KPLE DETSI ZE LA.\nFati nye du sesῖe ƒula,eye woga ɖee fia le woƒe kamedefefe ŋkeke la dzi.Esi wotrɔ yi aƒeme la,ekpe ɖe dada ŋu woƒo fetri detsi.Detsi la ʋẽ nyuie eye wodzro Fati.Ŋutinya sia enye ŋutinye vavã aɖe si ɖe fia nyɔnuvi si tsitsim ƒe nɔnɔme tso Ghana ƒe dziehe.\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nELOLO AKPÃ!ELE SUE AKPÃ!\nƉee ne le sue akpã na agbalɛ sia xexlɛ le ɖokuiwo sia?Alo elolo akpã alegbegbe be, madzi be ame aɖeke maxlῖ kpli ye oa?Ʋui nakpɔ!\nNe nuwo le totrom madzudzɔmadzudzɔe.\nDzi Fatima dzɔm tso nusiwo trɔna tɔa eme madzudzɔmadzudzɔe abe xexeame la ŋuti.Dzro agbalɛ sia me kple Fatima kpakple eƒe xɔlɔ̃wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2021-01-25T20:35:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703644033.96\/warc\/CC-MAIN-20210125185643-20210125215643-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954333901,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954333901405334}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wɔ drama siwo wotu ɖe Biblia me ŋutinyawo dzi siwo nàte ŋu aƒo ase la ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso ame vevi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me kple Biblia me nudzɔdzɔ veviwo ŋu.\nTia gbe aɖe le gbetiaƒe ƒe aɖakavi la me eye nàzi Dii dzi ale be nàkpɔ drama siwo le gbe ma me. Ŋlɔ dramaa ƒe tanyaa ƒe akpa aɖe ale be drama siwo ƒe tanya me nya ma dze le la nadze na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia-%C6%92e-drama-siwo-woa%C6%92o-ase\/","date":"2021-01-27T14:50:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610704824728.92\/warc\/CC-MAIN-20210127121330-20210127151330-00102.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990326166,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990326166152954}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.321,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi nɔviŋutsu mɔɖela eve ge ɖe aƒe aɖe me le Kenya la, woƒe nu ku esi wokpɔ ŋutsu aɖe si le sue ŋutɔ le aba dzi. Eƒe akɔta va se ɖe ƒodo le sue ŋutɔ eye eƒe abɔwo le kpuie. Esi wogblɔ ŋugbe si Mawu do be \"xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene\" na ŋutsu sia la, eko alɔgbɔnu gã aɖe.—Yes. 35:6.\nEmegbe mɔɖelaawo va see be lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle, ye le Onesmus ŋu. Ƒu siwo le lãme nɛ bɔbɔ ale gbegbe be ne nane mia ƒuawo sesĩe vie ko la woŋena. Esi wometea ŋu daa dɔ sia o ta la, Onesmus nyae be ele be yeanɔ bunɔkeke me ahanɔ veve sem le yeƒe agbemeŋkekewo katã me.\nOnesmus lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Gake nɔa meda asi ɖe edzi be wòanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem o, elabena esusu be esia ana nu vevi nawɔe eye wòagase veve ɖe edzi wu. Eya ta nɔviawo léa kpekpeawo me nyawo ɖe mɔ̃ dzi na Onesmus, eye wòsenɛ le aƒe me. Esi Onesmus srɔ̃ nu ɣleti atɔ̃ megbe la, etso nya me be yeade kpekpeawo, nu ka kee ɖadzɔ o.\nÐe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede dzi Onesmus ƒe veveseseawo ɖe edzia? Kura o. Onesmus gblɔ be: \"Ewɔ abe veve si mesena ɣesiaɣi la ɖiɖina ne mele kpekpewo me ene.\" Exɔe se be mɔkpɔkpɔ si va su ye si ye na yeƒe dzi dze eme vie. Onesmus dada kpɔ ale si via le dzidzɔ kpɔmee eye esia do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye hã. Nya si wògblɔna ye nye be: \"Mawu subɔsubɔ ye nye vinye ƒe atike.\"\nEteƒe medidi o, Onesmus zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye wòzu subɔsubɔdɔwɔla fifia. Togbɔ be Onesmus metea ŋu zãa eƒe afɔwo kple abɔ ɖeka kura o hã la, edi vevie be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui le Yehowa subɔsubɔ me. Edi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, gake enɔ hehem ɖe megbe le agbalẽvia kpekpeɖo me. Nu ka ta? Elabena enyae be ele be yeakpɔ ame bubu aɖe sinu ɣesiaɣi be wòate yeƒe bunɔkeke hafi yeate ŋu ayi gbeadzi. Esi wògblɔ eƒe dzimaɖitsitsia na hati Kristotɔwo la, wogblɔ be yewoakpe ɖe eŋu. Eye wokpe ɖe eŋu hã, ale be Onesmus te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.\nNenema kee Onesmus tsi dzimaɖi esi wòdi be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Gbe ɖeka la, gbe sia gbe mawunyakpukpui si me wòdzro la de dzi ƒo nɛ. Mawunyakpukpuia ye nye Psalmo 34:9, afi si gblɔ be: \"Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.\" Esi Onesmus de ŋugble tso mawunyakpukpuia ŋu vɔ la, etso nya me be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Fifia eɖea gbeƒã ŋkeke ene le kwasiɖaa me, eye Biblia nusrɔ̃vi geɖe siwo le ŋgɔyiyi nyui wɔm la le esi. Le ƒe 2010 me la, Onesmus de Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua. Dzi dzɔe ŋutɔ esi wòdo go nɔviŋutsu siwo ɖe gbeƒã nɛ zi gbãtɔ la dometɔ ɖeka le sukua, eye wònye woƒe nufialawo dometɔ ɖeka!\nEsusɔ vie Onesmus naxɔ ƒe 40 fifia. Edzilawo megale agbe o, gake nɔvi siwo le hamea me la kpɔa eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Edaa akpe na Yehowa ɖe yayra siwo su esi va se ɖe fifia ta, eye wòle mɔ kpɔm vevie na ŋkeke si \"duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.\"—Yes. 33:24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20131115\/mawu-sub%C9%94sub%C9%94-nye-e%C6%92e-atike\/","date":"2021-03-07T04:00:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178376006.87\/warc\/CC-MAIN-20210307013626-20210307043626-00434.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978505373,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978505373001099}","num_words":553,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 95\nStanza 1\nO Yesu, na wò kumoɖoɖo\nNali ɖe nye luʋɔ me ke.\nNa bena wò avuléle la\nNanɔ nye ŋku me ɣesiaɣi.\nKpɔ ɖa, menyi akpedafe 'ŋu;\nNye nu vɔ̃ ta, nye nu vɔ̃ ta.\nWò ʋu dzadzɛ la nèkɔ ɖ'a-nyi\nYɔ dɔm, ɖe nye hiã ɖa godoo.\nStanza 2\nYesu ƒe fukpekpe kpɔkpɔ ɖa\nNaa dzideƒo xɔsetɔ la\nEƒe ʋu, si ɖuɖu geɖe la,\nNye dzidzɔvudo vavãtɔ.\nNe eƒe ŋusẽ yɔ dzi me fũ,\nEƒe lɔlɔ̃ xɔ 'yama me,\nEƒe xɔlɔ̃mo kpl'a-kɔfafa\nNa dzudzɔ luʋɔ dahe la.\nStanza 3\nTanye, ɛ̃ tanye Yesu ku ɖo;\nNye nu vɔ̃woe de 'yama yɔ.\nEɖe gbeƒã xɔxɔnya la nam,\nAgbe mavɔ ƒe tsi wònam.\nO lɔlɔ̃ ƒe tɔsisi zɔzrɔ̃e,\nNye dzi anɔ nuvo na wò;\nO ŋutifafavudo mamie,\nKɔ ɖokuiwò ɖe menye duu!\nStanza 4\nAƒetɔ Yesu, nàve nunye!\nXɔm le wò vevesese ta!\nMetsɔ wò ɖo nye dzi ƒe tu me,\nNa maɖo ŋu wò lɔlɔ̃ ɖaa!\nLɔlɔ̃, si he wò yi ku me nam,\nSi ɖem tso nuxaxa la me,\nNye hã malɔ̃ wò kple dzi blibo;\nAƒetɔ, nàkpe ɖe ŋunye!\nStanza 5\nNe nye ŋkekewo de maku la,\nXɔm le wò dɔmenyonyo me!\nEkem makpɔ wò kple nye ŋkuwo\nLe wò ŋutikɔkɔe gã me.\nEkem luʋɔ, si nèyɔ dɔe la,\nAdzudzɔ le wò akɔ nu.\nAfi ma makafu wò tegbee\nLe wò lɔlɔ̃ mavɔ la ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-95\/","date":"2021-04-21T04:22:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9940117002,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9940117001533508}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 101\nStanza 1\nYesu ƒe ʋu, si wòkɔ ɖi,\nEnye awɔbanu nam.\nNunono, si aɖi kɔ na\nYesu ƒe alẽviwo.\nDziƒozãmu, agbetsi la\nBia dziẽ abe ʋu dzadzɛ 'ne.\nAle ke makafu wò,\nMawu ƒ'a-lẽvi ƒe ʋu!\nStanza 2\nLuʋɔ gbɔdzɔwo ƒe ŋusẽ,\nWò ko hiãm mele l'a-fii!\nWò Gbɔgbɔ nyui nagbɔ agbe\nNu siwo le kukum la.\nMawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,\nKplɔ mí le míaƒe mɔwo dzi,\nBe míawu mía zɔzɔ nu\nLe wò ŋ'tɔ wò afɔnu.\nStanza 3\nEkema madɔ alɔ̃ nyuie\nLe wò ŋutifafa me,\nNa akɔfafa kple dzudzɔ\nNye dzi dahe, gbɔdzɔ la.\nDziƒokekeli, va klẽ nam\nTo ku ƒe zã dziŋɔ la me,\nBe mava nɔ gbɔwò ɖaa\nLe wò ŋutikɔkɔe me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-101\/","date":"2021-04-21T05:38:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971190095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971190094947815}","num_words":116,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ronaldo si le Brazil kple eƒe ƒometɔ atɔ̃ bubu aɖewo dze ʋufɔku, ame atɔ̃awo ku, tɔa kple nɔa hã le wo me. Egblɔ be: \"Menɔ kɔdzi ɣleti eve hafi wova gblɔ nam be wotsi ʋufɔkua me.\n\"Le gɔmedzedzea la, esesẽ nam be maxɔe se be woku. Aleke wo katã woate ŋu aku nenema ko? Esi meva de dzesii kɔtɛe be woku vavã la, dzidzi ƒom. Nyemese veve nenema gbegbe kpɔ o. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, ewɔ nam be nye hã maku kpe ɖe wo ŋuti boŋ. Mefaa avi gbe sia gbe hena ɣleti geɖewo! Mebua fɔ ɖokuinye be nye ŋutɔ nyemeku ʋua gbe ma gbe o. Megblɔna na ɖokuinye be, ne nyee ku ʋua la, anye ne womeku o.\n\"Ƒe wuiade sɔŋue nye esi va yi, eye mete ŋu dze agbagba ɖɔ nuwo ɖo le nye agbe me ya. Ke hã woƒe ku kpata ma na be mesena le ɖokuinye me be nu vevi aɖe bu nam le agbe me si dzi nye asi mekpɔ su haɖe o.\"\nTENƆNƆ ÐE AFƆKUA NU\nFa wò ame vevi si ku la. Biblia gblɔ be \"avifaɣi li.\" (Nyagblɔla 3:1, 4) Ronaldo gblɔ be: \"Ɣesiaɣi si avifafa tsɔm la, mefaa avi. Avitete ame ɖokui meɖea vi o, eye nye dzi dzea eme ŋutɔ ne mefa avi.\" Enye nyateƒe be amewo ƒe nuxaxa le vovovo. Eya ta ne mèfa avi alo xa nu wokpɔ le gota o hã la, ema mefia be èle nuxaxa tem ɖokuiwò o eye mègase le ɖokuiwò me hã be ele be yeafa avi godoo o.\nMègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. (Lododowo 18:1) Ronaldo gblɔ be: \"Medzea agbagba be nyemaɖe ɖokuinye ɖe aga o. Amewo va srãam kpɔ eye mexɔa wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, megblɔa nye seselelãmewo na srɔ̃nye kple xɔ̃nye veviwo.\"\nLé ɖokuiwò kpoo ne amewo gblɔ nya gbãdzinamewo na wò. Nya siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye, \"Susu nyui aɖe tae.\" Ronaldo gblɔ be: \"Nya siwo amewo gblɔ be yewoatsɔ afa akɔ nam dometɔ aɖewo gbã dzi nam boŋ.\" Esi nànɔ nya gbãdzinamewo ŋu bum teƒe la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi boŋ, egblɔ be: \"Mègalé to hã ɖe amewo ƒe nu siwo katã woƒona la ŋu o.\"\nSrɔ̃ nu tso nɔnɔme si me kukuawo le ŋu. Ronaldo gblɔ be: \"Nyagblɔla 9:5 na míenya be kukuawo mekpea fu o, eye esia nyanya na nye susu me dze akɔ anyi. Biblia gblɔ hã be tsitretsitsi li eye woafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. Eya ta mebua nye ame vevi siwo ku la abe ɖeko wozɔ mɔ ene.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201407\/nya-v%C9%94%CC%83-ne-w%C3%B2-ame-vevi-a%C9%96e-ku\/","date":"2021-06-21T02:46:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488259200.84\/warc\/CC-MAIN-20210620235118-20210621025118-00629.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990794063,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990794062614441}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2003 Ðe Wòle Be Woaka Ðe Amesiame Ko Dzia? Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le Nyɔnu Siwo Do Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe dzi Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ le Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime Tu Nunana ƒe Gbɔgbɔ Ðo Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031101\/","date":"2021-06-17T23:32:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487634576.73\/warc\/CC-MAIN-20210617222646-20210618012646-00061.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964563251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964563250541687}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.197,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nAle ke gɔ̃ maxɔ wòe\n'Ye mado dzaa na wòe?\nWò, xexeme ƒe ɖela,\nLuʋɔnye ƒe xɔlɔ̃\nO Yesu, klẽ ɖe menye,\nNe mateŋ' adze si,\nNu si doa dzidzɔ na wò\nNe mawɔ eya ko!\nStanza 2\nWò Zion tsɔ deʋaya\nÐo ɖe mɔ dzi na wò.\nNye la madzi ha na wò\nLe dzinye me ɖaa he,\nEye mado vevi ɖaa\nAkafu wò ŋkɔ la,\nEye masubɔ wò ɖaa\nLe nyateƒe la me.\nStanza 3\nNu ka ta nètso dziƒo\nVa xexe sia me ɖo?\nWò dɔme trɔ ɖe mía ŋu\nLe lɔlɔ̃ sɔŋ ko ta.\nÈkpɔ míaƒe hiahiãwo\nKple xaxa katã ɖa.\nEya ta ko mète ŋu\nGbe mía gbɔ vava o.\nStanza 4\nNɔviwo, migavɔ̃ o!\nMigatsi dzi hã o!\nMíahee vɛ sesẽtɔe o;\nMehiã dzizizi o!\nLɔlɔ̃ faa wòtsɔ gbɔna,\nEye 'ƒe dɔme fa;\nAɖe mi tso mia xaxa\nKple hiãwo katã me.\nStanza 5\nMigana mia nu vɔ̃wo\nNadzi ŋɔ na mi o la!\nMia ɖela atsɔ lɔlɔ̃\nAɖe wo katã ɖa.\nEya ŋuti wògbɔna,\nBe yeaɖe fɔɖila,\nNe wòazu mawuvi gɔ̃\nKple dziƒonɔla hã.\nStanza 6\nEgbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge\n'Ƒe ɖiŋudolawo;\nGake akpɔ nublanui\nNa 'me siwo lɔ̃nɛ.\nƐ̃, va kava, mía ɖela,\nNe nàkplɔ mí katã\nYi kekeli mavɔ me,\nLe wò fiaɖuƒe me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-55\/","date":"2021-06-14T13:07:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612154.24\/warc\/CC-MAIN-20210614105241-20210614135241-00449.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983323216,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983323216438293}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nŊugbledede si Ŋu Viɖe Le\n\"NYE NUMENYAWO KPLE NYE [DZIMEŊUGBLEDEDEWO] NEDZE ŊUWÒ, YEHOWA, NYE AGAKPE KPLE NYE XƆNAMETƆ!\"—PSALMO 19:15.\nNUKAE \"ŋugbledede\" fia na wò? Ne Ɣedzeƒesubɔsubɔ aɖewo ƒe nufiafiawoe nèsrɔ̃ la, àbui be ŋugbledede nye nane si naa ame ƒe tamesusu me kɔna ɖe edzi alo be eʋua susu me na ame etɔxɛe. Ŋugbledede si me Buddhatɔwo ƒoa wo ɖokui ɖo biana be woaɖe nusianu ɖa le ame ƒe susu me. Wogblɔ le ŋugbledede ƒe mɔnu bubuwo ŋu be ebiana be woana \"nunya ŋuti nyateƒe deŋgɔwo\" naxɔ susu me na ame.\nAlesi Biblia ƒo nu tso ŋugbledede ŋui to vovo na esiawo. Le mɔ ka nu? Bu Biblia me kpɔɖeŋu si ku ɖe ŋutsu si ŋkɔe nye Isak, amesi esi wòxɔ ƒe 40 la, nu geɖe dze ŋgɔe si ŋu wòle be wòade ŋugble le, la ŋu kpɔ. Mose I, 24:63 gblɔ be: \"Gbe ɖeka Isak yi gbe me le fiẽ, be [yeade ŋugble, NW].\" Susu aɖeke meli si ta míabui be Isak ɖe nusianu ɖa le eƒe susu me alo be eƒo eɖokui ɖe 'nunya ŋuti nyateƒe deŋgɔ' aɖe si me mekɔ o ŋu bubu me o. Anɔ eme kokoko be nanewo koŋ nɔ anyi siwo ŋu Isak de ŋugble le, siwo ate ŋu anye eya ŋutɔ ƒe etsɔme, dadaa ƒe ku, alo amesi ava nye srɔ̃a ŋu bubu. Ezã eƒe vovoɣi aɖewo le fiẽ tsɔ de ŋugble, ɖewohĩ tso nya vevi siawo ŋu. Le Biblia me la, ŋugbledede bia nu geɖe wu susumetsaglãlatsatsa dzro ko.\nŊugbledede Bia Nu Geɖe Wu\nBu hakpala Dawid ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Kuxi gbogbo siwo dze abe womate ŋu akpɔ ta na wo o ene dze ŋgɔe, eye enya nyuie be esi yenye ame madeblibo ta la, yehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be yeate ŋu awɔ nusi sɔ. Nukae do ŋusẽ Dawid le nɔnɔme sesẽwo me? Abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 19:15 ene la, Dawid gblɔ be: \"Nye numenyawo kple nye [dzimeŋugblededewo] nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!\" Nusi Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia be \"ŋugbledede\" fia le nyagbɔgblɔa ŋutɔ nue nye be \"woaƒo nu na ame ɖokui.\" Ẽ, Dawid \"ƒo nu na eɖokui\" le Yehowa, eƒe nuwɔwɔwo, eƒe asinudɔwɔwɔwo, eƒe sewo, kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu.—Psalmo 143:5.\nNenema ke Kristotɔ gbãtɔwo bu ɣeyiɣi aɖe ɖoɖo ɖi atsɔ ade ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu be enye yewoƒe nyate��e tadedeagu la ƒe akpa aɖe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: \"Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!\" (Filipitɔwo 4:8) Gake hafi míate ŋu abu nya siwo tua ame ɖo ŋu la, ehiã be nusiawo siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe nage ɖe susu me na mí to mɔ aɖe nu. Aleke?\nHakpalaa ɖo eŋu na mí. Psalmo 1:1, 2 xlẽ be: \"[Dzidzɔtɔe nye] amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.\" Ẽ, hakpalaa xlẽ Mawu ƒe se ɣesiaɣi. Eyata ete ŋu de ŋugble le nusiwo wòsrɔ̃ tso Wɔla ŋu la ŋuti.\nŊugbledede Egbea\nBiblia xexlẽ hiã vevie ŋutɔ, gake le exexlẽ vɔ megbe la, ele be míade ŋugble, míabu nyawo ŋu vevie, alo \"míaƒo nu na mía ɖokui\" le nusi míexlẽ ŋu. Abe alesi wòhiã be nusi míeɖu nagbã hafi wòaɖe vi na míi ene la, nenema ke ŋugbledede hiãe ne míedi be nusi míexlẽ tso Biblia me nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Ŋugbledede si sɔ bia nu geɖe wu tamesusu manyomanyowo ɖeɖeɖa dzro ko. Ewɔnɛ hã be míebua aɖaŋuɖoɖo siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ŋu le míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Ŋugbledede alea ate ŋu ana míanɔ te ɖe gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo nu dzidzedzetɔe.—Mateo 6:25-32.\nHakpala Dawid kpɔ akpa vevi si ŋugbledede wɔna le Mawu ŋu dzedze me la dze sii. Egblɔ be: 'Ame dzɔdzɔe ƒe nu gblɔa nunya kple gbe blewu.' (Psalmo 37:30) Ẽ, ŋugbledede nye tadeagula wɔnuteƒe ƒe dzeside. Be Mawu nabu ame ame dzɔdzɔe enye yayra blibo, eye ehea gbɔgbɔmeviɖewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be \"ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.\" (Lododowo 4:18) Eyata Kristotɔ toɖola si 'nu nunya dona le kple gbe blewu' ate ŋu akpɔ mɔ be yeatsi le Biblia gɔmesese me.\nBiblia gaxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woade ŋugble le agbanɔamedzi siwo tso Ŋɔŋlɔawo me ŋu. Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: 'De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã na amewo katã. Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.' (Timoteo I, 4:15, 16) Ẽ, nya si míegblɔna kple nusi míewɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie ŋutɔ.\nEme kɔ ƒã be susu nyuiwo le mía si, siwo ta wòle be míayi ŋugble me ʋĩ le nusiwo le vevie ŋu. Ele vevie be míabu nusiwo teƒe míekpɔ va yi ŋu, ade ŋugble le nusiwo me tom míele fifia ŋu, eye míabu míaƒe etsɔme ŋu nyuie. Gake ƒo wo katã ta la, míaƒe ŋugbledede ana míaƒe nugɔmesese nade to wu ne míena míaƒe tamebubu nɔ te ɖe mía Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe nunya dzi.\n[Nɔnɔmetata si le axa 29]\n\"Tamebula la,\" Rodin ƒe nukpakpɛ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000908\/%C5%8Augbledede-si-%C5%8Au-Vi%C9%96e-Le\/","date":"2021-06-12T14:52:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487584018.1\/warc\/CC-MAIN-20210612132637-20210612162637-00103.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971757531,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971757531166077}","num_words":885,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.007,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 216\nStanza 1\nMawu, na gbedoɖagbɔgbɔ mí,\nBe míanɔ gbe dom ɖa ɖaa si,\nAdo ɖe ŋkuwòme kple xɔse,\nAlé wò nya la ɖe asi!\nLe ŋɔdzi kple fukpekpe me\nMíadze klo na wò kple xɔse.\nStanza 2\nNe nu vɔ̃ tso dzika ƒo na mí,\nMíaɖo ɣli be: Kpɔ nublanui!\nNe mía gbɔgbɔŋusẽ nu tsi la,\nMíabia bena: Do ŋusẽ mí!\nNe míele nyɔnyrɔm, míaxlɔ̃ be:\nXɔ na mí, míele to yi ge!\nStanza 3\nNe ŋutilã kple luʋɔ ŋu fa,\nMíada 'kpe na wò ɖe eta.\nNe 'na míekpɔ wò dɔmenyo la,\nMíakafu wò le eŋuti.\nNe míekpɔ dzudzɔ l'a-fi o,\nNa be míadi dziƒotɔ ko!\nStanza 4\nNe tela te va hedze mía dzi,\nMía gbedodoɖa nanyae ɖa!\nNe míekpɔ mía nɔvi le fu kpem,\nFia mí míado gbe ɖa ɖe 'ta!\nLe dɔ sia dɔ wɔwɔ me la\nMíagaŋlɔ wò be gbeɖe o!\nStanza 5\nNa míaƒo nu kpli wò fiẽ me faa\nKple zã blibo la katã hã!\nNe míaƒe kugaƒoƒo ɖo dzi,\nWò Gbɔgbɔ naxɔ ɖe mía nu!\nEkem ne míenyɔ gb'a-ɖe gbe,\nMíakafu wò tegbetegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-216\/","date":"2021-09-27T07:14:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00044.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964345098,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964345097541809}","num_words":179,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 86\nStanza 1\nMiɖo to, mele dzidzɔnya gblɔm na mi!\nAmewo katã wonɔ abosam si.\nEya ta Mawu gblɔ na Vi la bena:\nYi nàzu ame, ne nàɖe wo katã.\nStanza 2\nVi la tso dziƒo va anyigba vavã;\nMaria, ɖetugbi la, dzi mía ɖela.\nDziƒofia la va trɔ zu ɖevi suea-ɖe,\nBe yeaɖe mí katã tso nu vɔ̃wo me.\nStanza 3\nBetlehem alẽkplɔlawo le gbe dzi.\nLe zã, si me Maria dzi dzidzɔvi.\nMawu ƒe dɔla 'ɖe ɖe 'ɖokui fia wo;\nEya ta alẽkplɔlawo vɔ̃ ŋutɔ.\nStanza 4\nKe dɔla gblɔ na wo be: Migavɔ̃ o!\nDzidzɔnya metsɔ vɛ n'a-megbetɔwo;\nEgbe wodzi ɖela le David dua me;\nÐevi sia nye Kristo, míaƒ'a-ƒetɔ la.\nStanza 5\nDɔla mekpɔ ɖe nu le nya la me o,\nTete dɔlawo ƒe ha va kpe ɖe 'ŋu\nWo katã wodzi ha kafu Mawu gã\nLe dzidzɔ kple fafa, si míekpɔ la, ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-86\/","date":"2021-09-20T04:27:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982428551,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982428550720215}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Kae Nye Yesu?\nNu si ta Yesu Nazaret-tɔ lae nye ame si ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le ŋutinya me.\nNya kae Yesu gblɔ tso ɖoƒe si wòle na Mawu ŋu?\nNe Mawu medzi Yesu abe ale si amegbetɔwo dzia vi ene o la, ke mɔ ka nue Yesu nye Mawu ƒe Vi le?\nEtsɔmee wòava loo alo ɖe wòva xoxoa?\nGɔmesese si wu ɖekae le nya sia ŋu le Biblia me.\nŊkɔ bubu aɖe gale esi, si ɖewohĩ nènya nyuie.\nYesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ\nKpɔ nu siwo tae amewo ɖua Kristmas le December 25 lia dzi ɖa.\nNyagbe geɖe siwo amewo zãna le Kristmas ɖuɖu ŋuti kɔnuwo me la medze le Biblia me hafi o.\nXlẽ nu tso eŋu nàkpɔ nenye be Yesu nye ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ.\nXlẽ nu tso Nyanyuigbalẽawo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ la ŋu.\nBiblia kpe ɖe mía ŋu míenya ale si Yesu ƒe dzedzeme anya anɔ.\nEsi Biblia meƒo nu tso Yesu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu tẽe o ɖe, aleke míawɔ anya ne eɖe srɔ̃ kpɔ loo alo meɖe srɔ̃ kpɔ o?\nƔeyiɣi didi kae va yi le Yesu ƒe ku megbe hafi wova ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo?\nYesu Ƒe Ku Kple Tsitretsitsi\nAme geɖe nya nufiafia si nye be ɖe Yesu va ku ɖe mía ta be míakpɔ agbe. Gake aleke tututue eƒe kua ɖea vi na míi?\nAme geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi si bɔ wu. Ðe wòle be míazãe le tadedeagu mea?\nBiblia gblɔ be wogbɔ agbe Yesu \"le gbɔgbɔ me,\" ke aleke wɔ eƒe nusrɔ̃lawo te ŋu kpɔe heka asi eŋu esi wofɔe ɖe tsitre megbe?\nAkpa Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me\nNu ka tae wòle be Yesu naxɔ míaƒe nya ɖe akɔ? Yesu dzi xɔxɔ se koe hiã be míakpɔ ɖeɖea?\nAleke tafea ɖea ame tso nu vɔ̃ si me?\nKpɔ ale si gbedodo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me dea bubu Mawu kple Yesu siaa ŋui la ɖa.\nÐe Yesu ava amewo nakpɔa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nyabiase-siwo-ku-%C9%96e-yesu-%C5%8Bu\/","date":"2021-09-24T16:44:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057558.23\/warc\/CC-MAIN-20210924140738-20210924170738-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988791347,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988791346549988}","num_words":331,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tenɔnɔ ɖe fɔbubu ame ɖokui nu\nŊu kpea ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo la dometɔ geɖe vevie. Wobua fɔ wo ɖokuiwo gɔ̃ hã. Bu Karen, si xɔ ƒe 19 fifia eye wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋu esime wòxɔ ƒe 6 va se ɖe ƒe 13 la ŋu kpɔ. Egblɔ be: \"Nu si ɖe fu nam wue nye fɔbubu ɖokuinye. Mebiaa ɖokuinye be, 'Aleke meɖe asi le ɖokuinye ŋu nu sia yi edzi alea gbegbe?'\"\nNe èsena le ɖokuiwò me alea la, bu nya siwo gbɔna ŋu:\nÐevi ƒe ametia kple eƒe seselelãme mesu te hena gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me o. Ðeviwo menyaa naneke tso nuwɔna mawo ŋu o, eya ta womate ŋu agblɔe wòasɔ be woawo ŋutɔwoe lɔ̃ ɖe edzi hafi wodɔ wo gbɔ o. Esia fia be menye ɖeviwo ƒe vodadae wònye ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o.\nÐeviwo xɔa ame tsitsiwo dzi sena, eye womenɔa ŋudzɔ ɖe ame gbegblẽwo ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu o, eye esia tea ŋu nana be ɖeviwo blena tsia wo si me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Ðevigbɔdɔlawo nye aɖeŋanɛtɔwo, eye ɖeviwo mate ŋu akpe woƒe numevivinyawo dzi o.\"—The Right to Innocence.\nGbɔdɔdɔ ate ŋu anyɔ ɖe ɖevi me ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋu. Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, ka ɖe edzi be nenemae wowɔ míaƒe ametia be wòawɔ dɔ ne wolé teƒeteƒewo na mí. Esia mefia be esi nènɔ ɖevime la ŋutete nɔ asiwò be nàlɔ̃ ɖe edzi be woadɔ ye gbɔ o, mesɔ hã be woabu fɔ wò be wò ŋutɔe lɔ̃ wodɔ gbɔwò o.\nAɖaŋuɖoɖo: Bu ɖevi aɖe si xɔ ƒe si nèxɔ ɣemaɣi hafi wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò la ŋu. Bia ɖokuiwò be, 'Ðe wòasɔ be woabu fɔ ɖevi ma ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋua?'\nKaren bu nuwo ŋu alea esi wònɔ ɖevi etɔ̃ aɖewo dzi kpɔm, wo dometɔ ɖeka axɔ abe ƒe ade ene—ƒe mae Karen xɔ esime wote gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe eŋu. Karen gblɔ be, \"Mekpɔ ale si gbegbe ɖeviwo tsi asii, ale si wɔna aɖeke menɔ ŋunye ɣemaɣi o la dze sii.\"\nNyateƒenya: Ame siwo wɔ gbɔdɔnua ɖe ŋuwòe wòle be woabu fɔe. Biblia gblɔ be: \"Woabu ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖinyenye na eya ŋutɔ ɖeɖe ko.\"—Ezekiel 18:20.\nViɖe si le dzeɖoɖo tso eŋu na ame aɖe me\nDzeɖoɖo tso nu siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ŋu na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo la ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe. Biblia gblɔ be: \"Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.\"—Lododowo 17:17.\nAnɔ eme be àsusui be ne yemegblɔe na ame aɖeke o la ade ye dzi wu. Ðeko wòva le abe numakɔmakɔ le nyaa dzi va zu gli aɖe si kpɔa tawò tso dzigbagbã bubuwo si me ene. Gake nyae be gli ma si le tawò kpɔm la kee le mɔ xem na kpekpeɖeŋu si ame bubuwo ate ŋu ana wò.\nÐetugbui aɖe si ŋkɔe nye Janet va kpɔe be yeƒe dzi dze eme ŋutɔ esi yeɖo dze tso gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe ye ŋu la ŋu na ame aɖe. Egblɔ be: \"Nye ame nyanyɛ si dzi meka ɖoe dɔ gbɔnye le nye ɖevime, eye nyemekɔ nu le edzi na ame aɖeke o ƒe geɖe. Gake esi menya ƒo nu tso eŋu na danye ko la, ɖeko wòwɔ abe ɖe wokɔ agba kpekpe aɖe le ta nam ene.\"\nEsi Janet bu nu si dzɔ ɖe edzi va yi ŋu la, ese nu si tae wòsesẽna na amewo be woaƒo nu tso gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe wo ŋuti ŋu la gɔme. Egblɔ be: \"Enye ŋukpe gã aɖe be ame nagblɔ gbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe eŋu la na ame bubu. Gake le gonyeme la, veve si gbegbe mesena esi nyemekɔ nu le nyaa dzi o la wu tsɔtsɔ nam. Ede dzinye wu be megblɔe na ame aɖe kaba.\"\n\"Gbedaɣi\"\nGbɔdɔnu siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ate ŋu ana be nànɔ susu tramatramawo bum ɖe ɖokuiwò ŋu—le kpɔɖeŋu me, àte ŋu asusui be ye dome gblẽ eye yemele bo aɖeke nu o, ɖeko yeli be ame bubuwo nanɔ gbɔdɔnuwo wɔm ɖe ye ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su asiwò azɔ be nàvo tso susu totro mawo si me, eye nàwɔ \"gbedaɣi\" sia ŋu dɔ wòaɖe vi na wò. (Nyagblɔla 3:3) Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?\nSrɔ̃ Biblia. Mawu ƒe susuwo le Biblia me, eye ŋusẽ le wo ŋu be woamu \"nu siwo li ke sesĩe la aƒu anyi,\" esiawo dometɔ ɖekae nye susu totro bubu ɖe ame ɖokui ŋu. (2 Korintotɔwo 10:4, 5) Le kpɔɖeŋu me, xlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔna eye nàde ŋugble le wo ŋu: Yesaya 41:10; Yeremiya 31:3; Malaki 3:16, 17; Luka 12:6, 7; 1 Yohanes 3:19, 20.\nDo gbe ɖa. Ne èle sesem le ɖokuiwò me be yemele bo aɖeke nu o alo nèle fɔ bum ɖokuiwò atraɖii la, \"dro wò agba ɖe Yehowa dzi\" le gbedodoɖa me. (Psalmo 55:22) Magblẽ wò ɖi gbeɖe o!\nNa hamemetsitsiwo nakpe ɖe ŋuwò. Wona hehe ŋutsu Kristotɔ siawo wole \"abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene.\" (Yesaya 32:2) Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu susu nyuiwo ɖe ɖokuiwò ŋu eye nàkpɔ ŋgɔ tẽe.\nDe ha kple kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. Lé ŋku ɖe ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu. Lé ŋku ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu. Àva kpɔe be menye ame nyanyɛwo katãe gblẽa nu le ame siwo wogblɔna be yewolɔ̃ la ŋu o.\nÐetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tanya la kpɔ nu vevi sia dze sii. Tso eƒe ɖevime kee ŋutsu geɖewo dɔa egbɔ. Egblɔ be \"Ŋutsu siwo nye nye ame nyanyɛwo la de asi ŋunye.\" Gake Tanya va kpɔe dze sii be ŋutsu aɖewo li siwo lɔ̃a ame vavã. Aleke wòwɔ kpɔ esia dze sii?\nEsi Tanya va de ha kple atsu kple asi aɖe siwo nye Kristotɔwo la, eƒe susu trɔ. Egblɔ be: \"Mekpɔe dze sii le ŋutsua ƒe nuwɔnawo me be menye ŋutsuwo katãe gblẽa ŋu le ame ŋu o. Ŋutsua kpɔa srɔ̃a ta, eye nenemae Mawu di be wòanɔ hã.\" *—Efesotɔwo 5:28, 29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/gb%C9%94d%C9%94nuw%C9%94w%C9%94-%C9%96e-ame-%C5%8Buti-2\/","date":"2021-09-25T03:46:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057589.14\/warc\/CC-MAIN-20210925021713-20210925051713-00112.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966893196,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966893196105957}","num_words":977,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LODODO aɖe gblɔ be, dzata le gbe me hã ahlɔ̃e tsina. Ame aɖeke meli egbea si nu sia nu sɔ nɛ pɛpɛpɛ le agbe me o. Zi geɖe la, nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽ nue nye be wòalɔ̃ ɖe nɔnɔmea dzi eye wòawɔ nu siwo wòate ŋu awɔ le nɔnɔmea me. Ne àte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu va se ɖe afi aɖe ya teti la, ke enyo. Ne wò nɔnɔmea ka ɖe eme la, ke eya ganyo ŋutɔ. Gake nyae be nu nyuitɔwo le etsɔme gbɔna.\nBiblia do ŋugbe be ɣeyiɣi li gbɔna esime amewo katã ate ŋu aɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ le agbe me bliboe. Woate ŋu awɔ woƒe ŋutete katã le agbe me, eye nɔnɔme sesẽwo, gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo kple seselelãme ɖefunamewo magado kplamatsɛ wo o. (Yesaya 65:21, 22) Biblia yɔ esia be \"agbe vavã la.\"—1 Timoteo 6:19.\n\"Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ, eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.\"—Yesaya 65:21, 22.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201507\/kp%C9%94-ta-na-w%C3%B2-agbea\/","date":"2021-11-29T23:34:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964358847.80\/warc\/CC-MAIN-20211129225145-20211130015145-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983932972,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983932971954346}","num_words":197,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 416\nStanza 1\nƔedzedze nyui la\nYɔ fũ kple dzidzɔ,\nEle keklẽm nyuie\nNa mía ƒ'a-nyigba,\nKpɔ eƒe keklẽ ɖa, enyo ŋutɔ!\nÐeɖi ete nye\nŊutinuwo ŋuti;\nGake azɔ la\nMefɔ kpakple dzidzɔ,\nLe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kpɔm.\nStanza 2\nMina míadzi ha\nEye míakafu\nMía wɔla gã la!\nMíatsɔ nu siwo,\nkatã le mía 'si la, d'aɔ̃si nɛ faa!\nNunana vavã\nNye míaƒe dzi gbagbã;\nHadzidzi nyuiwo\nNye vɔsasa blibo,\nSi ŋuti wòkpɔa dzidzɔ gã lena.\nStanza 3\nMawu kpɔa mía ta\nŊdi kpakple fiẽ siaa;\nEƒe dɔ nye be,\nWòayra mí tegbee,\n'Ye wòaxe mɔ na dzɔgbevɔ̃e godoo.\nNe míemlɔ 'nyi la,\nMía Fofo le ŋudzɔ;\nNe míeƒɔ ŋdi la,\nEƒe dɔmenyonyo\nNɔa mía dzi gede ŋtɔ wu gbɔgblɔ gɔ̃.\nStanza 4\nHiã kple fuwo hã\nNu ayi kaba;\nLe ahom dziŋɔ\nKple dziya megbe,\nƔe gaklẽna na mí nyuie gɔ̃ wua tsã.\nDzidzɔ gã ŋutɔ,\nSi manya gblɔ nam o,\nMakplɔ le dziƒo\nLe Paradiso me;\nAfi ma nye susuwo naɖo tae!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-416\/","date":"2022-01-28T11:33:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9950754046,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9950754046440125}","num_words":164,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hawo\nƒe ha\n1\nXɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo\n1 Solomo ƒe hawo ƒe ha.\n2 Tsɔ wò nu gbugbɔ nu nam,\nelabena wò lɔlɔ̃ doa dzidzɔ nam wu wain.\n3 Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie;\nwò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene.\nMewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o!\n4 Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla!\nFia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee.\nMíatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò,\neye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain.\nEle eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!\n5 O! Yerusalem vinyɔnuwo, ame yie menye,\nke menyo abe Kedar ƒe agbadɔwo\nkple Solomo ƒe agbadɔ ƒe mɔnuvɔwo ene.\n6 Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o;\nnyae be ɣee ɖum menyɔ alea.\nDanyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye,\neye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi,\nke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.\n7 Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na,\nafi ka nènyia wò lãhawo le, eye ne ŋdɔ ʋu la,\nafi ka nènana wotsyɔa akɔ ɖo?\nNu ka ŋuti manɔ abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume ene\nle xɔ̃wòwo ƒe lãhawo gbɔ?\n8 Wò, tugbewo ƒe fia, ne mènyae o la,\ndo afɔ na alẽhawo, eye nànyi wò gbɔ̃viwo\nle lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ.\n9 Nye lɔlɔ̃tɔ, metsɔ wò sɔ kple sɔnɔ si\nwotsi ɖe Farao ƒe tasiaɖam ɖeka ŋuti.\n10 Togɛ si nède la wɔe be wò alɔgo nya kpɔ nyuie,\neye kɔga siwo nède la hã dze wò.\n11 Míawɔ sikatogɛwo na wò,\neye woawɔ klosalokpɛviwo ɖe ete.\n12 Esi fia la le nuɖukplɔ̃ ŋu la,\nnye ami ʋeʋĩe le ya ɖem.\n13 Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe lifigoe\nle nye akɔnu ene.\n14 Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si\nwogbe hebla tso En Gedi waingble me ene.\n15 Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!\nO, aleke nènya le kpɔkpɔm ale!\nWò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene.\n16 Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka ŋutɔ!\nO, aleke nèhedze ɖekae nye esi!\nMíaƒe aba de ama nyuie.\n17 Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedatiwo,\neye míaƒe xɔ ƒe dzisasãwo nye vɔvɔli.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/SNG01.htm","date":"2022-05-17T03:41:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00362.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981600046,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981600046157837}","num_words":326,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nLatvia le To Ðom Nyanyui La\nBIBLIA gblɔe eme kɔ ƒã be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be \"woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.\" (Timoteo I, 2:4) Amesiwo si mɔnukpɔkpɔ mesu wose nyanyuia o hena ƒe geɖe le esem fifia! Le Latvia, abe xexeame ƒe akpa bubuwo ke ene la, amesiwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso teƒe vovovowo le to ɖom gbedasia, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.\n• Le Rēzekne, si nye du aɖe si le ɣedzeƒe Latvia la, vidada aɖe kple via nyɔnuvi ƒewuivi bia nyɔnu aɖe le ablɔdzi be wòafia mɔ yewo. Esi nyɔnua, si wova nya emegbe be enye Yehowa Ðasefo la, fia mɔa wo vɔ la, ekpe wo be woava Ðasefowo ƒe kpekpe.\nEsi mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na vidadaa kple vianyɔnuvia siaa ta la, wotso nya me be yewoayi kpekpea. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, woɖoe be ne yewokpɔ numanyomanyo aɖe le afima la, yewoatrɔ adzo enumake. Gake kpekpea vivi wo nu ale gbegbe be dzodzo megava tame na wo kura o. Wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo eye wote kpekpeawo dede edziedzi. Le ɣleti etɔ̃ ko megbe la, woɖee fia be yewodi be yewoakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wole mɔ kpɔm be yewoaxɔ nyɔnyrɔ.\n• Le ɣetoɖoƒe-du aɖe me le Latvia la, Ðasefo aɖe do go Anna, si xɔ ƒe 85, amesi ɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ fia eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Vianyɔnu kple ƒometɔ bubuwo tsi tre ɖe eŋu vevie. Gake Anna meɖe mɔ tsitretsiɖeŋu ma alo ƒe geɖe xɔxɔ kple lãmesẽ madeamedzi xe mɔ nɛ wòdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ o.\nGbeɖeka Anna gblɔ na vianyɔnua be yele nyɔnyrɔ xɔ ge. Anna ƒe vinyɔnua ɖo eŋu nɛ be: \"Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, maɖo wò ɖe ame tsitsiwo dzikpɔƒe.\" Gake vɔvɔ̃doname sia meɖe dzi le Anna ƒo o. Le eƒe lãmemasẽmasẽ ta la, wonyrɔe le eya ŋutɔ ƒe aƒeme.\nAleke Anna vinyɔnua wɔ nu ɖe nusia ŋui? Eƒe nɔnɔme trɔ, eye wòɖa nu tɔxɛ aɖe na dadaa le nyɔnyrɔxɔxɔa megbe. Emegbe ebia dadaa be, \"Esi nèxɔ nyɔnyrɔ fifia ɖe, aleke nèse le ɖokuiwò me?\" Aleke Anna ɖo eŋui? \"Abe amesi wodzi yeyee ene!\"\n• Le December 1998 la, Ðasefo eve do go Soviet Union srafomegã aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔme. Esi wòxɔe se be Wɔla aɖe li ta la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye srɔ̃a hã va wɔ ɖeka kplii le nusɔsrɔ̃a me emegbe. Wowɔ ŋgɔyiyi kabakaba eye eteƒe medidi o wova zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo me la, asrafomegã la xɔ nyɔnyrɔ. Alesi srɔ̃tɔ siawo lɔ̃ gbɔgbɔmenuwo vevie la nye dzideƒo na hamea me tɔwo katã. Gakpe ɖe eŋu la, wokpe asi ɖe aƒe aɖe si le afima la dzadzraɖo ŋu wòzu Fiaɖuƒe Akpata nyui aɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010201\/Latvia-le-To-%C3%90om-Nyanyui-La\/","date":"2022-07-03T17:04:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104248623.69\/warc\/CC-MAIN-20220703164826-20220703194826-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990202188,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990202188491821}","num_words":456,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5\nNuxɔxlɔ̃ kesinɔtɔ ŋutasẽlawo\n1 Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta. 2 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ. 3 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me. 4 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. 5 Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam. 6 Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.\nDzidodo le fukpekpe me\n7 Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi. 8 Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ. 9 Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.\n10 Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me. 11 Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe. 12 Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye anyigba alo dziƒo alo nu bubu aɖe o. Miaƒe ɛ̃ nanye ɛ̃, eye miaƒe o nanye o; ne menye nenema o la, miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.\nXɔse ƒe gbedodoɖa\n13 Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo. 14 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 15 Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee. 16 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.\n17 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. 18 Emegbe la, egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu, eye tsi dza, ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo.\n19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la, 20 kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JAS05.htm","date":"2022-07-05T03:20:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104512702.80\/warc\/CC-MAIN-20220705022909-20220705052909-00734.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994378686,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994378685951233}","num_words":537,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Kpe Ðe Mía Ŋu\nABE ALESI ESTHER GAITÁN GBLƆE ENE\n\"Míelé mia nɔ dzo akpasesẽtɔe. Migadi be yewoayɔ kpovitɔwo o. Miawo ya milala ko; míagbugbɔ ayɔ mi etsɔ ŋdi kanya.\"\nNƆVINYENYƆNU suetɔ ye woƒo ka na alea tso mía nɔ Esther ŋu, le Braɖa aɖe gbe le ƒe 2004 me. Mía kple srɔ̃nye Alfredo míegbɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me koe nye ema si míese nyaa. Kaka míaɖo mía dzilawo ƒeme le Mexico City la, míaƒe ƒometɔwo le afima xoxo. Nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu suewo ƒe dzi gbã vevie, eye nɔgãnyewo kple nɔɖinyewo nɔ avi fam.\nFofonye kple fonye zɔ mɔ yi dɔ aɖe wɔƒe. Míeyɔ wo le telefon dzi, eye mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be anyo wu be míagblɔe na kpovitɔwo. Míedo gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu le zã donuxaxaname ma katã me. Míese le mía ɖokui me nyuie be Mawu nɔ 'ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ' ŋu la nam mí.—Korintotɔwo II, 4:7.\nLe ŋufɔke ƒe ŋdi me la, nyee ɖo amefilaa ƒe kaƒoƒoa ŋu. Togbɔ be metsi dzimaɖi hã la, mete ŋu ƒo nu kplii dzitsitsi manɔmee. Amefilaa di be yeaƒo nu kple fofonye, gake megblɔ nɛ be ezɔ mɔ. Eyata ŋutsua gblɔ be yewoalala vaseɖe esime Papa gbɔ hafi yewoagblɔ nusi wòle be míana. Ena menya be ne míexe ga gbogbo aɖe o la, yewoawu mía nɔa.\nLe ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, megaɖo eƒe kaƒoƒoa ŋu. Esi wònye nyemetsi dzi le nuƒoƒo kple amefilaa me o, togbɔ be enɔ ŋɔdzidonamenyawo gblɔm hã, ta la, ebiam be: \"Mènya be nya gãe nya sia nye oa?\"\nMeɖo eŋu nɛ be: \"Menya ɖe. Mielé nɔnye akpa sesẽe. Gake Yehowa Ðasefowoe míenye, eye míeka ɖe edzi bliboe be mía Mawu akpe ɖe mía ŋu. Eye Biblia dzra mí ɖo be míado dzi le ɣeyiɣi sesẽ sia siwo me míele la me.\"\nEɖo eŋu nam be: \"Ẽ. Ẽ. Menya nusiawo katã. Nya mawo ke gblɔm nɔwò hã le. Eka ɖe eƒe Mawu kple mia dzi ŋutɔ.\" Eyata míenya be Dada hã lé xɔse me ɖe asi sesĩe, eye esia do ŋusẽ mí.\nNusi Kpe Ðe Mía Ŋu Míedo Dzi\nEsi ŋkekeawo va nɔ yiyim la, mía hati Kristotɔwo yɔ mí le telefon dzi eye woɖo babadonamegbalẽviwo ɖe mí, eye woŋlɔ gbedasiwo hã ɖo ɖe mí to Internet dzi. Míeyi edzi dea míaƒe kpekpewo hekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ gbesiagbe hã fa akɔ na mí. Ƒo wo katã ta la, gbedodoɖa na míekpɔ \"Mawu ƒe ŋutifafa.\"—Filipitɔwo 4:6, 7.\nKpovitɔwo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Le ƒe asieke siwo mele dɔwɔƒe sia me la, mekpɔ alesi dzi ɖe le ƒome geɖewo ƒo, gake miawo ya mieto vovo. Miedze akɔ anyi ŋutɔ. Meka ɖe edzi be Mawu si subɔm miele tae.\"\nMíegbugbɔ dzro January 1, 2000 ƒe Nyɔ! [Eŋlisigbe me tɔ, December 22, 1999] si ƒo nu tso ameléle sesẽe ŋu me, eye míetsɔe fia kpovitɔa. Exlẽe, eye wòbia be míana kɔpi geɖe ye, hegblɔ be yedi be yeanya Yehowa Ðasefowo nyuie wu.\nMlɔeba le ŋkeke 15 ƒe numedzodzro kple amefilaawo megbe la, woɖe asi le nɔnyea ŋu. Enɔ lãmesẽ me, togbɔ be wotui ɖe xɔ sue aɖe me, hede kɔsɔkɔsɔ eƒe afɔ hã. Ke hã, wowɔ nu ɖe eŋu bubutɔe, eye wonɛ atike siwo wòzãna edziedzi ɖe suklidɔ kple ʋusɔgbɔdɔ si le eŋu ta.\nDada gblɔ alesi wòwɔ nɔ te ɖe nɔnɔmea nu nyuie nenema gbegbe la na mí. Elɔ̃ ɖe edzi be: \"Le gɔmedzedzea me la, mevɔ̃ ŋutɔ; gake medze gbe dodo ɖa na Yehowa, eye mena dzi ɖe le ƒonye o. Mewɔ nam kpɔ be metsi akogo le xɔ sue ma me o. Meva de dzesi alesi mebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe; megblẽm ɖi gbeɖe o. Mebiae be wòakpe ɖe ŋunye maɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetse afia—vevietɔ dzigbɔɖi.\n\"Mawu ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be nyemefa avi alo vɔ̃ kpɔ o. Mezã ŋkekeawo tsɔ ɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo menya dzi, eye medzi Fiaɖuƒehawo sesĩe hã. Ɣeaɖewoɣi la, metsɔnɛ be mele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, eye mekpɔa gome le eme le susu me. Metsɔnɛ hã be mele gbeƒã ɖem na amewo hele Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm. Nye susu nɔ nusiawo ŋu ale gbegbe be ɖeko ɣeyiɣia va yi nam kabakaba.\n\"Mɔnukpɔkpɔ su asinye gɔ̃ hã meɖi ɖase na amesiwo lém. Ɣesiaɣi si wo dometɔ aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nam la, meɖea gbeƒã nɛ, togbɔ be wotsɔ nu bla ŋku me nam hã. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka megblɔ na amesiwo lém dometɔ ɖeka be Biblia gblɔ ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele la ŋu nya ɖi, eye be mese egɔme be gakuxi sesẽ aɖe me tomee woanya nɔ. Megblɔ nɛ be ŋusẽ blibo le Yehowa Mawu si, gake be mezãnɛ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Emegbe meɖe kuku nɛ be womegasẽ ŋuta le ŋunye o, ke boŋ woawɔ nu ɖe ŋunye nyuie.\n\"Amefilaa ɖo tom hegblɔ nam be magatsi dzi o, be yewomawɔ nuvevi aɖekem o. Meda akpe na Yehowa ɖe alesi wòkpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ mawo me ta, eye meɖoe kplikpaa wu tsã be mayi nye gbesiagbe mɔɖeɖedɔa [si nye nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ɣesiaɣi] dzi zi alesi ŋutete le ŋunye ko.\"\nKakaɖedzitɔea, dodokpɔ sia na Dada gava te ɖe Yehowa ŋu wu, eye nenema kee wòwɔ míawo hã. Míate ŋu ada akpe ɖe alesi wòdzɔ dzi na mí be Dada trɔ gbɔ va aƒemee ta wòade edeƒe o. Nyanya be le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, ŋutasẽnuwɔna siawo maganɔ anyi o la fana akɔ na mí ŋutɔ. Hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, mía kple nye ƒomea míate ŋu agblɔ be Biblia me hakpala ƒe nya siawo nye nyateƒe, be: \"Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.\"—Psalmo 34:20.—g05 10\/22.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200601\/Mawu-Kpe-%C3%90e-M%C3%ADa-%C5%8Au\/","date":"2022-07-07T07:32:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104683708.93\/warc\/CC-MAIN-20220707063442-20220707093442-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988136292,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988136291503906}","num_words":925,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la; Yedutun.*+ David ƒe ha. 39 Mebe: \"Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu,Be nyemawɔ nu vɔ̃ kple nye aɖe o.+ Made ga nye nu,+Zi ale si ame vɔ̃ɖi la le ŋkunyeme.\" 2 Ðoɖoe zi le nunye klenee;+Mezi ɖoɖoe le nya nyui gɔ̃ hã ŋu,Ke hã nye vevesesewo nu sẽ ɖe edzi. 3 Nye dzi ʋu dzo le dɔ me nam. Zi ale si mele eŋu bum la,* zi nenemae wògaʋua dzo ɖe edzii. Azɔ meke nu gblɔ be: 4 \"Oo Yehowa, na manya nye nuwuwu,Kple nye agbemeŋkekewo ƒe didime,+Ne manya ale si nye agbe le kpuie.* 5 Ɛ̃, èwɔ nye ŋkekewo wole ʋɛe;*+Eye nye agbenɔƒewo menye naneke le ŋkuwòme o.+ Vavãe, ne edze abe ɖe amegbetɔ li ke ene hã la, ƒuƒu ko wònye.+ (Sela) 6 Vavãe, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene. Ele dagbadagbam dzodzro. Eli kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle, evɔ menya ame ka si me woava yi o.+ 7 Ke azɔ Oo Yehowa, nu kae mele mɔ kpɔm na? Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na. 8 Ðem tso nye dzidadawo katã me.+ Mègana mazu alɔmeɖenu na bometsila o. 9 Mezi ɖoɖoe;Nyemete ŋu ke nu o,+Elabena gbɔwòe esia tso.+ 10 Ðe xaxa si nèna wòva dzinye la ɖa. Nu te ŋunye belibeli, elabena wò asi le dzinye. 11 Ètsɔ tohehe ɖɔ ame ɖo le eƒe vodada ta;+Eye nègblẽ eƒe nu nyuiwo dome abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye.+ (Sela) 12 Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa,Eye nàƒu to anyi ɖe nye ɣlidodo ŋu.+ Mègaɖe ŋku ɖa le nye aɖatsiwo ŋu o. Elabena amedzro ko menye na wò,+Eye ɖe metso eme va yina,* abe tɔgbuinyewo katã ko ene.+ 13 Ðe ŋku ɖa le ŋunye, ne makpɔ dzidzɔ vie,Hafi nunye nayi, eye nyemaganɔ anyi o.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Zi ale si mele hũ ɖem la.\"\n^ Alo, \"ale si nunye ava yi kabae.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wonye asi ƒe kekeme.\"\n^ Alo, \"ɖe meʋu va tsi anyi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/39\/","date":"2022-06-30T07:55:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103669266.42\/warc\/CC-MAIN-20220630062154-20220630092154-00222.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986131787,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998613178730011}","num_words":306,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afi Kae Míatrɔ Ðo Hena Mɔfiafia?\nAME kae ate ŋu afia mɔ si dzi míato akpɔ dzidzedze vavãtɔ—dzidzeme ŋutɔŋutɔ, ke menye dzidzedzekpɔkpɔ abe ale si xexea bunɛ ene o—la mí? Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, ne mede ɖeke o la, ele be dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nado ƒome kple agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nyuiwo kple agbemetaɖodzinu vavã siwo nye nu siwo menɔa te ɖe ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnu, alo ŋusẽ ƒe amesisusu dzi o.\nAfi kae míate ŋu akpɔ gɔmeɖose ɖɔʋu siwo dzi míate ŋu aka ɖo kpakple biabia siwo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti la ƒe ŋuɖoɖowo le? Ðe míake ɖe wo ŋu to mía ɖokui me dzodzro mea? Ele be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi be, esi míenye ame madeblibowo ta la, dzodzro vɔ̃wo nyɔna ɖe mía me, siwo ate ŋu ana míawɔ nyametsotso gbegblẽwo. (1 Mose 8:21) Eya tae ame miliɔn geɖe gakpɔtɔ le nu siwo nye tofloko, siwo ŋu Biblia ƒo nu tso be wonye \"ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ,\" yome tim ɖo. (1 Yohanes 2:16) Menye mɔ si dzi woato akpɔ dzidzedze vavãtɔe nye ema o, ke boŋ beble si kplɔa ame dea mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dzidzɔmakpɔmakpɔ mee wònye. Ekema susu nyuiwo tae ame geɖe trɔna ɖe mía Wɔla la ŋu be wòafia mɔ yewo le ŋuɖoɖowo didi na agbe me biabia veviwo me ɖo. *\nÐe Wòle Be Míatrɔ Ðe Mawu Ŋua?\nNu ka tae nunya le eme be míadi mɔfiafia tso mía Wɔla gbɔ? Enya nu si ta wòwɔ mí ɖo, eye le esia ta, enya tameɖoɖo si wòle be wòanɔ míaƒe agbe ŋu. Enya ale si wòwɔ míi—le ŋutilã, tamesusu, kple seselelãme gome—hã. Eya ta Mawue nya gɔmeɖose siwo nye nyuitɔ kekeake siwo nu wòle be amegbetɔwo nanɔ agbe ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu nye lɔlɔ̃, eya ta edi be dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nasu mía si. (1 Yohanes 4:8) Afi kae míate ŋu akpɔ eƒe mɔfiame siwo me lɔlɔ̃ le la le? Biblia Kɔkɔe la, si Mawu to ame vovovo 40 siwo wòzã abe agbalẽŋlɔlawo ene dzi ŋlɔ la mee. * (2 Timoteo 3:16, 17) Gake aleke míawɔ ate ŋu aka ɖe mɔfiame siwo míakpɔ le eme la dzi?\nYesu Kristo si nye Mawu teƒenɔla gãtɔ kekeake la gblɔ be: \"Nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.\" (Mateo 11:19; Yohanes 7:29) Mawumenunya kplɔa ame toa dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ mavɔ ƒe mɔ—\"mɔ nyuiwo katã\"—dzi, gake amegbetɔ ƒe nunya si me Mawu ƒe mɔfiafia mele o ya kplɔa ame yia dzidzedzemakpɔmakpɔ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ me.—Lododowo 2:8, 9; Yeremiya 8:9.\nBu ƒe 1960 ƒeawo ƒe sɔhɛ dzego siwo do ablɔɖe gbadzaa ɖe ŋgɔ le ƒe mawo me ŋu kpɔ. Sɔhɛ mawo tsi tsitre ɖe dzidzime siwo do ŋgɔ ƒe dzidzenuwo kple ɖoɖowo ŋu hedo nu bubuwo abe atike vɔ̃ɖiwo zazã, agbenɔnɔ na egbea ɖeɖe ko ƒe nukpɔsusuwo, 2 Timoteo 3:1-5.kple gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me faa ene ɖe ŋgɔ. Gake ɖe agbenɔnɔ le mɔ sia nu ɖe nunya vavãtɔ fia? Ðe wòna tameɖoɖo vavã va nɔ woƒe agbe ŋu eye agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo naa ame kpɔa dzidzeme kple dzidzɔ vavã la su wo sia? Ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖee fia be agbenɔnɔ le mɔ ma nu mena amewo ƒe agbenɔnɔ va ɖɔ ʋu wu o, ke boŋ ɖe wòna amegbetɔwo ƒe agbe nyui manɔmanɔ gale to yim ɖe edzi.—\nTo vovo na amegbetɔwo ƒe xexemenunya si nu va yina kaba la, Biblia me nunya ya sɔna na ɣiyiɣi ɖe sia ɖe. (Yesaya 40:8) Ne èxlẽ nyati si kplɔe ɖo la, àse nu si tae la gɔme, elabena edzro Biblia me gɔmeɖose ade siwo kpe ɖe ame miliɔn geɖe, siwo tso dukɔ ɖe sia ɖe kloe me ŋu wokpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ hele dzidzɔ vavãtɔ kpɔm, ɖoƒe kae ɖale wo si le agbe me o, woɖanye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o, la me.—g08 11-E.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si nye \"Nukpɔsusu Siwo Na Dzidzedzekpɔkpɔdidi Zu Yaka.\"\n^ mm. 5 Kpɔ magazine sia ƒe tata tɔxɛ si do le November 2007 me le yevugbe me, si dzro tanya si nye \"Àte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?\" (\"Can You Trust the Bible?\" alo \" Pouvez-vous avoir confiance en la Bible ? \") me. Nyati siwo le tata ma me ƒo nu tso tomenukuku, blemaŋutinya, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple nu bubuwo ŋuti kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso vavã la ŋu.\n[Aɖaka si le axa 5]\nNUKPƆSUSU SIWO NA DZIDZEDZEKPƆKPƆDIDI ZU YAKA\nAme geɖe gblɔna be Mawu aɖeke meli o eye be ɖeko agbe dzɔ le eɖokui si to nɔnɔmetɔtrɔ dzi. Ne nya sia nye nyateƒe la, ekema afia be nudogoɖenunu aɖe si na nuwo va nɔa tɔtrɔm tso wo nɔewo me gbɔ koe agbe dzɔ tso, eye gɔmesese sia ana míakpɔe be viɖe aɖeke manɔ agbagba siwo míadze be míanya tameɖoɖo si le agbe ŋu kple gɔmeɖose matrɔmatrɔ siwo kplɔa xexea la me ŋu o.\nAme bubuwo hã xɔ edzi se be ɖeko Mawu wɔ mí ko hegblẽ mí ɖi. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu sia fia be míenye tsyɔ̃eviwo le gbɔgbɔmegɔmesese nu, si fia be tameɖoɖo kple dzidzenu aɖeke mele míaƒe agbe ŋu o. Bu eŋu kpɔ: Mawu na dzɔdzɔmenunya lãwo be woƒe nuwɔna nasɔ ɖe tameɖoɖo si ta wòwɔ wo ɖe xexea me la nu. Esia wɔe be eƒe nunya si me goglo ŋutɔ la dzena míekpɔna le xexe si ƒo xlã mí me. Ðe Wɔla ma ke awɔ mí ko ahagblẽ mí ɖi be míanɔ dagbadagbam mɔfiafia aɖeke manamana mía? Mate ŋu anɔ alea gbeɖe o!—Romatɔwo 1:19, 20.\nEsi Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔselawo ƒe nukpɔsusuwo na viɖe aɖeke megale tameɖoɖo si le agbe ŋu kpakple gɔmeɖose matrɔmatrɔ siwo kplɔa xexea didi ŋu o ta la, dzidzedzekpɔkpɔdidi zu yakanu na amewo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nNunya si dze le Biblia me ƒe dɔwɔwɔwo me tsonu nyuiwo na wòdze ƒãa be esɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200901\/Afi-Kae-M%C3%ADatr%C9%94-%C3%90o-Hena-M%C9%94fiafia\/","date":"2022-08-18T05:39:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882573163.7\/warc\/CC-MAIN-20220818033705-20220818063705-00282.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976770878,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976770877838135}","num_words":944,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fuléle Bɔ\n\"Amewo mesea nu gɔme na amesiwo wolé fui gbeɖe o.\"—JAMES RUSSELL LOWELL, HAKPANYAŊLƆLA KPLE DUKƆTEƑENƆLA.\nEDZE abe fuléle ƒo xlã mí le afisiafi egbea ene. Ŋkɔwo abe East Timor, Kosovo, Liberia, Littleton, kple Sarajevo—kpakple Nazi yeye, gbevu takokolikoe, yevu dzidelawo—va tsi míaƒe susu me hekpe ɖe du bidzowo, ame gbogbowo ɖiƒe siwo ŋu woke ɖo, kple ame kukuwo kpɔkpɔ ŋu.\nMɔkpɔkpɔ si nɔ amewo si na etsɔme si fuléle, aʋawɔwɔ, kple ŋutasesẽ manɔ o la dome gblẽ. Danielle Mitterand, si nye France dukplɔla si megali o srɔ̃, ɖo ŋku eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi gblɔ be: \"Amewo kpɔ mɔ be yewoava nɔ nɔvisiléla siwo dzi yewoate ŋu aka ɖo dome faa; amesiwo dome yewoaɖe dzi ɖi le ahanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo; wokpɔ mɔ be yewoanɔ lãmesẽ kple ŋutifafa me eye bubu anɔ yewoƒe agbe ŋu le amesiwo wɔ ɖeka henyoa dɔme eye woléa be na ame dome.\" Nukae dzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ mawo dzi? Efa konyi be: \"Le ƒe blaatɔ̃ megbe la, magblɔ ko be wotu afɔkpo míaƒe mɔkpɔkpɔa.\"\nMíate ŋu aŋe aɖaba aƒu alesi gbegbe fuléle gado mo ɖa akee dzi kura o. Ebɔ ɖe afisiafi, eye ele dzedzem gaglãa le mɔ vovovo geɖe ŋutɔ nu. Fulélenuwɔna susumanɔmee geɖe siwo wowɔna wòdzena abe ɖe ɖesiaɖe dzi ŋɔ wu esi do ŋgɔ nɛ ene la wɔe be womegabua amewo ƒe dedienɔnɔ si ame miliɔn geɖe bua nu tsɛe ŋu boo o. Ne womeléa fu mí le míaƒe aƒe me alo le mía dedukɔ me o hã la, ele mía lalam le teƒe bubu. Ðewohĩ míekpɔa eƒe dzesiwo gbesiagbe le television dzi nyadzɔdzɔwo kple nyadzɔdzɔ yeyewo ta kaka me. Eƒe ɖewo ge ɖe Internet dzi gɔ̃ hã. Se kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.\nDukɔmevinyahehe dzi ɖe edzi le ƒe ewo siwo va yi me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ. Joseph S. Nye, Jr. si nye Harvard ƒe Dukɔwo Dome Nyawo Dɔwɔƒe ƒe dɔnunɔla gblɔ be: \"Dukɔmevinyahehe le ŋu sẽm ɖe edzi, mele to yim o. Le esi teƒe be xexeame nazu nɔƒe ɖeka la, mama xɔ teƒeteƒewo le xexeame eye wonyae nyuie wu tsã be yewoto vovo na yewo nɔewo. Ema hãe na wòle bɔbɔe geɖe wu be woawɔ aʋa.\"\nFuléle bubu ƒomeviwo ya gblẽa nu vivivi, wonɔa ɣaɣla le dukɔ me alo le nuto ɖeka me gɔ̃ hã. Esi gbevuvi takokolikoe atɔ̃ wu Sikhtɔ tsitsi aɖe le Canada la, nudzɔdzɔ sia \"na wòdze gaglã be enye nusi ame aɖewo kpɔ be enye fuléle me hlɔ̃dodo ƒe tɔtrɔgbɔ le dukɔ si wokafuna zi geɖe ɖe alesi woɖea mɔ na ameƒomevi vovovowo ta me.\" Le zazɛ̃nyahelawo ƒe dutatɔwo wuwu si dzi ɖe kpɔtɔ vivivi le Germany le ƒe siwo do ŋgɔ me megbe la, egava dzi ɖe edzi alafa memama 27 le ƒe 1997 me. Dukɔmenyagbɔkpɔla Manfred Kanther gblɔ be: \"Enye nudzɔdzɔ ɖedzileameƒo.\"\nLe Albania ƒe dziehe gome la, nyatakaka aɖe ɖee fia be le alesi ɖevi 6,000 kple edzivɔ le vɔvɔ̃m be yewoƒe ƒometɔwo ƒe futɔwo ava wu yewo ta la, esusɔ míagblɔ ko be wozu gamenɔlawo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo me. Ðevi siawo nye esiwo ŋu towo dome dzrewɔwɔ si li ɣeyiɣi didi gblẽ nu le, \"eye nusia tɔtɔ ƒome akpe geɖe ƒe agbenɔnɔ.\" Le Dukɔ ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe (FBI) ƒe nya nu la,le United States la, \"hlɔ̃nya 7,755 siwo dzɔ le ƒe 1998 me le fuléle ta siwo ŋu nya wova gblɔ na FBI la ƒe afã kple edzivɔ tso nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu gbɔ.\" Nusi gbɔ fuléle me hlɔ̃donya mamlɛawo tso la lɔ nazãbubu ɖe subɔsubɔhawo, gbe bubu dolawo alo dukɔ bubu me tɔwo, kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu ɖe eme.\nGakpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔgbalẽwo me nya veviwo gblɔna gbesiagbe be fuléle du bubu me tɔwo va bɔ ale gbegbe, eye sitsoƒedila siwo va sɔ gbɔ fifia wu miliɔn 21 koŋ ye woléa fui. Nublanuitɔe la, amesiwo ɖea fulélea ɖe dutatɔwo ŋu ƒe akpa gãtɔ nye sɔhɛwo, eye dunyahela mabunuwo kple amesiwo dia ame be yewoatu nu kplii woe ƒlɔa dzo ɖe wo te. Nɔnɔme sia ƒomevi bubu siwo medzena nyuie wokpɔna o dometɔ aɖewoe nye makamakaɖeamedzi, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, kple susu vɔ̃ bubu ɖe amesiwo to vovo ŋu.\nSusu siwo ta fuléle bɔ alea gbegbe dometɔ aɖewoe nye kawo? Eye nukae woate ŋu awɔ be woaɖe fuléle ɖa? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nAkpaa dzi, etame: UN PHOTO 186705\/J. Isaac\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nDaud\/Sipa Press","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000815\/Ful%C3%A9le-B%C9%94\/","date":"2022-10-04T15:57:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337516.13\/warc\/CC-MAIN-20221004152839-20221004182839-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998403728,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984037280082703}","num_words":720,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nBiblia meyɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o, abe ale si wòdze le numekugbalẽ siawo mee ene:\n\"Ame aɖeke menya gbe si gbe tututu wodzi Kristo o.\"—New Catholic Encyclopedia.\n\"Gbe si gbe tututu wodzi Kristo la mele nyanya o.\"—Encyclopedia of Early Christianity.\nTogbɔ be Biblia meɖo nyabiase si nye 'Ɣekaɣie wodzi Yesu?' ŋu tẽe o hã la, eƒo nu tso nu siwo dzɔ le edziɣi ŋu si na ame geɖe va ƒo nya ta be menye December 25 lia dzie wodzi Yesu o.\nMate ŋu anye vuvɔŋɔli o\nŊkɔŋɔŋlɔ. Do ŋgɔ na Yesu dzidzi teti la, Kaisaro Augusto de se be \"woaŋlɔ anyigba dzi nɔlawo katã ƒe ŋkɔ.\" Ame sia ame aŋlɔ ŋkɔ \"le wo dedu me.\" Esia abia be amewo nazɔ kwasiɖa ɖeka alo esi wu nenema ayi wo de. (Luka 2:1-3) Ðewohĩ ɖe wòde se ma kple susu be yeanya dukɔmeviwo ƒe xexlẽme le adzɔxɔxɔ kple ame siwo awɔ asrafodɔ ta. Dukɔa makpɔ ŋudzedze ɖe sedede ma ŋu kura o eɖanye ƒea ƒe ɣekaɣie wòɖadee o. Eya ta edze ƒãa be Augusto madi be yeado dziku na eteviwo ɖe edzi to wo dometɔ geɖe dzi zizi be woazɔ mɔ legbee ma le vuvɔŋɔli me o.\nLãhawo. Alẽkplɔlawo hã nɔ \"nuto ma ke me le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.\" (Luka 2:8) Eye agbalẽ si nye Daily Life in the Time of Jesus gblɔ be alẽwo nɔa dogba dzi tso \"kwasiɖa si do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia [March ƒe nuwuwu]\" va se ɖe November ƒe domedome. Egblɔ kpee be: \"Wonɔa kpo me le vuvɔŋɔli; eye esia ɖeɖe dzaa ɖee fia be ŋkeke si woɖo na Kristmas-ɖuɖu, le vuvɔŋɔli la, mesɔ o, elabena Nya nyui gbalẽawo gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi.\"\nKele ƒe gɔmedzedze\nMíate ŋu abu akɔnta anya ɣeyiɣi si me wodzi Yesu ne míebui tso eƒe ku dzi le Nisan 14 ƒe Ŋutitotoŋkekenyui si woɖu le ƒe 33 ƒe adame dzi. (Yohanes 19:14-16) Yesu xɔ abe ƒe 30 ene esime wòdze eƒe subɔsubɔdɔ si xɔ ƒe etɔ̃ kple afã la gɔme, eya ta ƒe 2 D.Ŋ.Y. ƒe kele ƒe gɔmedzedzee wodzi Yesu.—Luka 3:23.\nNu ka tae woɖua Kristmas le December 25 lia dzi?\nEsi wònye be kpeɖodzi aɖeke meli be December 25 lia dzie wodzi Yesu Kristo o ɖe, ke nu ka tae woɖua azã sia le ŋkeke ma dzi? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be ɖe sɔlemehaŋgɔnɔlawo tia ŋkeke ma be wòadze \"Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nye 'ɣe si dzi womeɖuna o ƒe dzigbezã' dzi\" le vuvɔŋɔli. (The New Encyclopædia Britannica) Le numekugbalẽ si nye The Encyclopedia Americana ƒe nya nu la, nunyalagã geɖewo xɔe se be ɖe wowɔ esia \"be Kristotɔnyenye nado dzidzɔ na trɔ̃subɔla siwo trɔ zu Kristotɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%A3eka%C9%A3ie-wodzi-yesu\/","date":"2022-10-01T05:41:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335530.56\/warc\/CC-MAIN-20221001035148-20221001065148-00458.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977148175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977148175239563}","num_words":440,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Le blema me la, Mawu ƒo nu zi geɖe na mía tɔgbuiwo to nyagblɔɖilawo dzi le mɔ vovovowo nu.+ 2 Azɔ le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu la, eƒo nu na mí to Vi+ si wòtia be wòanyi nuwo katã dome,+ ame si dzi wòto wɔ nuɖoanyiawo* la dzi.+ 3 Eyae ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia+ eye wònye eƒe amenyenye ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ,+ eye wòléa nuwo katã ɖe te to eƒe nya si ŋu ŋusẽ le dzi. Eye esi wòkɔ mía ŋu tso míaƒe nu vɔ̃wo me vɔ la,+ ebɔbɔ nɔ Bubutɔ Gã la ƒe ɖusime le dziƒowo.+ 4 Ale wòva de ŋgɔ wu mawudɔlawo,+ elabena enyi ŋkɔ si ƒo wo tɔ ta sãsãsã la dome.+ 5 Le kpɔɖeŋu me, mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be: \"Vinyee nènye; mezu fofowò egbe\"?+ Eye be: \"Mazu fofoa, eye eya azu vinye\"?+ 6 Ke egblɔ le ɣeyiɣi si me wòagaɖo eƒe Ŋgɔgbevi+ la ɖe anyigba dzi ŋu be: \"Mawu ƒe dɔlawo katã nebɔbɔ ɖe eŋkume.\" 7 Egblɔ le mawudɔlawo hã ŋu be: \"Ewɔ eƒe dɔlawo+ wonye gbɔgbɔwo kple eƒe subɔlawo wonye dzo flafla.\"+ 8 Ke egblɔ le Via ya ŋu be: \"Mawue nye wò fiazikpui+ ɖaa tegbee, wò Fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe fiatikplɔ.* 9 Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Esia tae Mawu, wò Mawu, si dzidzɔmi na wò+ wu hawòtiwo.\"+ 10 Eye wògagblɔ be: \"Oo Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ. 11 Wo nu ava yi, ke wò ya ànɔ anyi; wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene, 12 eye àŋlɔ wo abe awu ene, abe avɔ ene, woaɖɔli wo. Ke wò la, nenema ko nèle, eye nuwuwu meli na wò ƒewo gbeɖe o.\"+ 13 Ke mawudɔlawo dometɔ ka ŋue wògblɔ le kpɔ be: \"Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui\"?+ 14 Alo menye gbɔgbɔwoe wo katã wonye hena subɔsubɔdɔ* kɔkɔe wɔwɔ,+ eye wodɔa wo ɖa be woasubɔ ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome la oa?\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe fiatikplɔ.\"\n^ alo, \"dutoƒo subɔsubɔdɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Hebrit%C9%94wo\/1\/","date":"2022-10-04T14:20:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337504.21\/warc\/CC-MAIN-20221004121345-20221004151345-00572.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987723827,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998772382736206}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe taɖodzi nu\nMateo 19:14 Yesu gblɔ bena: miɖe mɔ na ɖeviwo woava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wò o elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.'\nƉeviwo ƒe Biblia ƒe taɖodzi enye be woafia Yesu Kristo ɖeviwo tɔ Biblia me xotsunyawo gbalẽ viwo mama kpakple dɔwɔnu vovovowo to mɔ vovowo nu eye gawu to xexeame nunya ɖaŋu ɖe mɔ, asime kaƒomɔ\/PDA, agbalẽ viwo siwo woŋlɔ kple kɔla vovowo kple gbe siwo ɖeviwo Àte ŋu ado.\nElebe woa ma Biblia ŋutinya siawo na ɖevi miliya 1,8 siwo le xexeame godoo le vovo me zi alesi nu hiã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/bibleforchildren.org\/languages\/gbe\/home.php","date":"2023-02-07T04:56:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500384.17\/warc\/CC-MAIN-20230207035749-20230207065749-00343.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995418489,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954184889793396}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.158,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 114:1-8\n114 Esime Israel ʋu tso Egipte,+Esime Yakob ƒe aƒe la dzo le dutagbedolawo dome la, 2 Yuda zu eƒe kɔkɔeƒe,Israel zu eƒe dziɖuƒe.+ 3 Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo;+Yordan gbugbɔ ɖe megbe.+ 4 Towo ti kpo abe agbowo ene,+Togbɛwo abe alẽviwo ene. 5 Oo atsiaƒu, nu kae na nèsi dzo?+ Oo Yordan, nu ka tae nègbugbɔ ɖe megbe?+ 6 Oo towo, nu ka tae miele kpo tim abe agbowo ene,Eye mi togbɛwo, abe alẽviwo ene? 7 Oo anyigba, dzidzi neƒo wò le Aƒetɔ la ta,Le Yakob ƒe Mawu la ta,+ 8 Eya, ame si trɔa agakpe wòzua tsita,Kple kpe sesẽ wòzua tsidzɔƒe.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/114\/","date":"2023-05-30T01:50:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644915.48\/warc\/CC-MAIN-20230530000715-20230530030715-00102.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996637106,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996637105941772}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.137,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Volta Region\n|Volta Region|\n|Dukɔ||Ghana|\n|Toxɔdu||Ho|\n|Distriktwo||25|\n|Kekeme||20,570 km²|\n|Xexleme (2000 Census)||1,635,421|\n|ISO 3166 code||GH-TV|\nVolta Region si woyɔna tsa be Togoland kple British Togoland eye wonye Ghana ƒe nuto ewoa wo dometɔ ɖeka. Ele ɣetoɖoƒe kpadzi ne Togo eye le ɣedzeƒe kpadzi ne Amuda tɔsisi la. Efe toxɔdue nye Ho.\nDistriktwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]\nDistriktwo 25 le Volta nutoame.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Volta_Region","date":"2023-06-08T21:07:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224655143.72\/warc\/CC-MAIN-20230608204017-20230608234017-00338.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977493286,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977493286132812}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.301,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbalẽwo Kple Agbalẽ Gbadza Siwo Woazã Atsɔ Awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃\nZã agbalẽwo kple agbalẽ gbadza siawo siwo ƒe kɔpi nàte ŋu awɔ la nàtsɔ asrɔ̃ Biblia la me nyatiwo.\nOdiowo kple tokunɔgbe me videowo hã li le gbe geɖewo me.\nTia gbe aɖe le gbetiaƒe ƒe aɖakavi la me eye nàzi Dii dzi ale be nàkpɔ agbalẽ siwo le gbe ma me kple woƒe fɔmat siwo li. Ŋlɔ tanyaa ƒe akpa aɖe ale be agbalẽ siwo ƒe tanya me nya ma dze le la nadze na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/","date":"2023-05-30T10:30:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224645595.10\/warc\/CC-MAIN-20230530095645-20230530125645-00622.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997283816,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997283816337585}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ\nASRAFO xoxo aɖe si de Xexemeʋa II gblɔ be: \"Ame aɖeke menyea dziɖula le aʋawɔwɔ me o. Woɖua amesiame dzi.\" Ame geɖe awɔ ɖeka kplii. Aʋawɔwɔ me tsonuwo dzi ŋɔ ale gbegbe; nu gblẽna le dziɖulawo kple amesiwo dzi woɖu siaa ŋu vevie. Ne aʋaa ke gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe yia edzi kpea fu tso nusiwo dome aʋawɔwɔa gblẽ vevie la me.\nNukawo domee wògblẽna? Aʋawɔwɔ ate ŋu atsrɔ̃ ame akpa gãtɔ le dukɔ aɖe me, eye ame gbogbo aɖewo nazu tsyɔ̃evi kple ahosiwo. Agbetsila geɖe xɔa abi vevie, eye nu dziŋɔ siwo teƒe wokpɔ la tsia susu me na wo. Ame miliɔn geɖe te ŋu zua wɔnamanɔŋutɔwo alo zua sitsoƒedilawo dzizizitɔe. Ðe míate ŋu akpɔ fuléle kple nuxaxa si wòade dzi me na amesiwo tsi agbe le aʋawɔwɔ siawo me ɣeyiɣi didi la adze siia?\nAbi Siwo Gagbɔna\nAbi si aʋawɔwɔ de amewo ƒe dzi ŋu gagbɔna ake le ɣeyiɣi didi aɖe si wowɔ ŋutifafa, tuwo megale ɖiɖim o, eye asrafowo yi aƒeme megbe. Veve helĩhelĩ ate ŋu atsi dzime na dzidzime siwo akplɔ wo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu. Aleae wòdzɔnae be nusiwo aʋa aɖe gblẽ la te ŋu naa bubu dzɔnae.\nLe kpɔɖeŋu me, Versailles ƒe Nubabla, si te wode asii le ƒe 1919 me be woatsɔ awu Xexemeʋa I nui le se nu la zi se aɖewo ɖe Germany-dukɔa dzi si dukɔmeviawo bu be wo nu sẽ akpa eye be yewoaɖo eteƒe. The Encyclopædia Britannica gblɔ be ɖoɖo siwo le nubablaa me \"na dzi ku Germanytɔwo eye wòna wonɔ didim be yewoabia hlɔ̃.\" Le ƒe aɖewo megbe la, \"dziku si ŋutifafa nubablaa do na wo na Hitler ɖe afɔ gbãtɔ\" eye wònye nusiwo he Xexemeʋa II vɛ la dometɔ ɖeka.\nXexemeʋa II dze egɔme le Poland hekeke ɖe enu yi Balkan-nutowo me. Nusiwo gbeɖekadola siwo le nutoa me gblẽ le wo nɔewo ŋu le ƒe 1940 ƒeawo me dzra mɔ dzi ɖo na aʋa si dzɔ le Balkan-nutowo me le ƒe 1990 ƒeawo me. Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Zeit gblɔ be: \"Fuléle helĩhelĩ kple hlɔ̃biabia yi edzi le kekem ɖe enu kaka va ɖo míaƒe ɣeyiɣiwo me.\"\nNe ŋutifafa anɔ ameƒomea dome la, ke ele kokoko be woaɖe nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ la ɖa. Aleke woawɔ aɖe wo ɖae? Nukae woate ŋu awɔ atsɔ atutu fuléle kple nuxaxa ɖae? Amekae ate ŋu aɖɔ nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ la ɖo?\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nAKPAA DZI: Fatmir Boshnjaku\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nU.S. Coast Guard photo; UN PHOTO 158297\/J. Isaac","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010101\/Nusiwo-Dome-A%CA%8Baw%C9%94w%C9%94-Gbl%E1%BA%BD\/","date":"2023-09-29T23:17:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510529.8\/warc\/CC-MAIN-20230929222230-20230930012230-00619.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994555116,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994555115699768}","num_words":418,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"5 Ale Salomo wu dɔ siwo katã wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe xɔ la ŋu nu.+ Eye Salomo tsɔ nu siwo ŋu fofoa David kɔ la va da ɖe eme;+ etsɔ klosalo kple sika kpakple nu bubuawo katã da ɖe Mawu vavã la ƒe xɔ la ƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+ 2 Ɣemaɣi la, Salomo ƒo Israel ƒe ametsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã, Israel-viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la nu ƒu. Wova Yerusalem ne woayi aɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso David Ƒe Du+ si woyɔna be Zion+ la me vɛ. 3 Ale Israel ŋutsuwo katã ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le ŋkekenyui* la dzi le ɣleti adrelia me.+ 4 Eya ta Israel ƒe ametsitsiwo katã va, eye Lewi viwo kɔ Aɖaka+ la. 5 Wokɔ Aɖaka la kple takpegbadɔ+ la kpakple nu kɔkɔe siwo katã le agbadɔ la me vɛ. Nunɔlawo kple Lewi viwoe kɔ wo vɛ. 6 Fia Salomo kple Israel ƒe ha blibo si woyɔ wova kpe ta ɖe egbɔ la tɔ ɖe Aɖaka la ŋgɔ. Wotsɔ alẽ kple nyi gbogbo, siwo womate ŋu abu alo axlẽ o la, sa vɔe.+ 7 Ale nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe, le xɔ la ƒe xɔ ememetɔ me, si nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la me le kerubiawo ƒe aʋalawo te.+ 8 Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe Aɖaka la nɔƒe, ale be kerubiawo tsyɔ Aɖaka la kple eŋu kpoawo+ dzi le dzi gome. 9 Kpoawo didi, ale be woate ŋu akpɔ kpoawo ƒe nugbɔ tso Kɔkɔeƒe si le xɔ ememetɔ ŋgɔ la me, gake womate ŋu akpɔ wo tso gota o, eye wole afi ma va se ɖe egbe sia. 10 Naneke mele Aɖaka la me o, negbe kpe gbadzɛ eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb,+ esi Yehowa bla nu+ kple Israel-viwo esime wotso Egipte gbɔna+ la ko. 11 Esi nunɔlawo do le kɔkɔeƒea (elabena nunɔla siwo katã nɔ afi ma la kɔ wo ɖokuiwo ŋu,+ eɖanye hatsotso+ ka ke me tɔe wonye o) la, 12 Lewi vi siwo nye hadzilawo,+ Asaf,+ Heman,+ Yedutun+ kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo katã, do avɔ biɖibiɖi wu, eye wolé gakogoewo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖe asi la, tɔ ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka blaeve tɔ ɖe wo xa le kpẽwo+ kum. 13 Esi kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa heda akpe nɛ zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ƒe gbe de dzi eye wokafu Yehowa be, \"elabena eya amea nyo; eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee\"+ ko la, alilikpo yɔ Yehowa ƒe xɔ la taŋ.+ 14 Eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te be woasubɔ o le alilikpo la ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu vavã ƒe xɔ la taŋ.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Efia, Agbadɔŋkekenyui.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/2-kronika\/5\/","date":"2023-10-03T14:05:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511106.1\/warc\/CC-MAIN-20231003124522-20231003154522-00219.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990983009,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990983009338379}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu\nNuteɖeamedzi\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye Vancouver Sun ka nya ta be: \"Canadatɔwo ƒe afã kloe fa konyi be yewole nuteɖeamedzi ƒe fu kpem wu alesi dze le agbagbadzedze be yewoada asɔ le woƒe dɔwɔnawo kple aƒemegbenɔnɔ me. Enye dzidziɖedzi zi gbɔ zi eve wu alesi wònɔ le ƒe ewo siwo va yi me.\" Nuka gbɔe dzidziɖedzia tso? Canada Dukɔ me Nyawo Gbɔkpɔha ƒe numekuku ɖee fia be Canada dɔwɔla siwo ganye aƒedzikpɔlawo dzi ɖe edzi. Wo dometɔ geɖe le vi dzim le ƒe geɖe xɔxɔ megbe, eye zi geɖe amesiawo dzea ŋgɔ kuxi \"si nye wo viwo kple wo dzilawo siaa dzi kpɔkpɔ.\" Togbɔ be amesiwo wobia gbee dometɔ 84 le alafa me kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe dɔwɔnawo ŋu hã la, nyatakakaa gblɔ be ne dadasɔ le aƒeme kple dɔwɔƒe ƒe agbanɔamedzi tsɔtsɔ va zu kuxi la, \"wo dometɔ akpa gãtɔ tsoa ɣeyiɣi si woazã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo ŋu la dzi, si ƒe ɖee nye alɔ̃dɔɣi dzi tsotso.\" Dukɔ me Nyawo Gbɔkpɔhaa gblɔ be: \"Esia hea nuteɖeamedzi vɛ, eye wògblẽa nu le lãmesẽ ŋu.\"\nBubudede Ŋusẽ Ŋu Fiafia\nThe Toronto Star me nyatakaka aɖe gblɔ be: \"Dzila siwo li egbea megatɔa afɔ to sesĩe be wo viwo nade bubu woƒe ŋusẽ ŋu o, si wɔe be le nyateƒe me la, míate ŋu anɔ asixɔxɔ si mía viwo ade wo ɖokui ŋu dzi ɖem kpɔtɔ.\" Ronald Morrish, si nye agbenɔnɔŋutinunyala bibi, gblɔ be: \"Le nyateƒe me la, ne ɖeviwo nya afisi woawɔ nu ɖe ame ŋu ase ɖo la, ewɔnɛ be wonyana nusi wòahiã be woakpɔ mɔ na eye wosena le wo ɖokui me be yewole dedie—eye esia naa wosena le wo ɖokui me be asixɔxɔ le yewo ŋu. Ðevi siwo wɔa nusi dze woa ŋutɔwo ŋu eye womese le wo ɖokui me be yewole ame te o ye tsina va sena le wo ɖokui me be yewomele dedie o eye kakaɖedzi menɔa wo si o.\" Egblɔ kpee be: \"Menya ƒe 6 vi siwo ɖoa ɣeyiɣi si woamlɔ anyi na wo ɖokui. Menya ƒe 3 vi siwo dadaawo blea wo nu be woagawɔ nu gbegblẽ o to alesi woƒe nugbegblẽ wɔwɔ tena ɖe wo dzii gbɔgblɔ na wo me.\" Morrish gblɔ be, ehiã be ɖeviwo nasrɔ̃ alesi woawɔ ɖe ƒomea me sewo dzii, eye nukpɔsusu si nye be ele dzɔdzɔme nu be ne wole tsitsim la womegasea gbe na ame o la mesɔ o. Ebia be: \"Míekpɔa mɔ be ɖeviwo nadzi woƒe sukunusɔsrɔ̃ ƒe ŋutetewo ɖe edzi ƒe sia ƒe. Ke nukata míakpɔ mɔ hã be mía viwo ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ƒe sia ƒe o? Ne màwɔ nusi hiã be nàna viwò si dze azɔli zɔzɔ natsɔ fefenu le afisi medze be wòanɔ o la, ne etsi zu ƒewuivi la, mawɔ wò gbe dzi o.\"\nGbeɖiɖi Léle Ði Hena Nuɖuɖunana Lãwo\nMagazine si nye New Scientist ka nya ta be, Canadatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be woate ŋu aƒo lãwo ƒe gbeɖiɖi si wolé ɖi na lãwo ƒe viwo le lãnyiƒewo atsɔ ana woaɖu nu nyuie. Luis Bate, si le Prince Edward Island ƒe Yunivɛsiti, gblɔ be: \"Míelé gbeɖiɖi si koklonɔwo tsɔ yɔa wo viwo ne woke ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la ɖi.\" Esi wogbugbɔ ƒo gbeɖiɖia le nuƒomɔ̃ siwo woda ɖe nuɖuɖu gbɔ dzi la, kokloviawo va ɖu nua togbɔ be wo nɔ menɔ afima o hã. Gake ele be gbeɖiɖia nasɔ pɛpɛpɛ. Bate gblɔ be: \"Esi míeƒo koklonɔ ƒe gbeɖiɖi, si wòtsɔ yɔa viawoe ne eƒo vi vɔ, si ɖina le tome nam abe gbeɖiɖi si wòtsɔ yɔa viawo na nuɖuɖu ene la, kokloviawo tɔ ɖi kpoo.\" Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo ƒe taɖodzinue nye be yewoana lãawo natsi kabakaba, eye le dodokpɔ gbãtɔ siwo wowɔ me la, kokloviwo tsi ɖe edzi kabakaba alafa memama 20 wu ne womezã gbeɖiɖia o le woƒe kwasiɖa etɔ̃ gbãtɔwo me. Le dodokpɔ ma tɔgbewo me la, wokpɔe be ate ŋu ana dɔkuviwo kple haviwo hã naɖu nu kabakaba wu.\nAtikeŋɔŋlɔname ƒe Afɔku\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye Stuttgarter Nachrichten ka nya ta be: \"Atikewo wu amewo le Germany le ƒe si va yi me wu lɔrifɔkuwo.\" Woka nya ta be atike siwo mesɔ o ŋɔŋlɔname wu ame 25,000 le ƒe 1998 me. Esia sɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu amesiwo ku le lɔrifɔkuwo me le ɣeyiɣi ma ke me. Wogblɔ be ɖokuisitikewɔwɔ gɔ̃ hã mewua ame nenema gbegbe o. Edze abe kuxia koŋue nye ɖɔktawo ƒe nu geɖe manyamanya kple hehemaxɔmaxɔ nyuie tso atikeawo kple nu bubu siwo woate ŋu agblẽ le ame ŋu la ŋuti ene. Nyatakakaa gblɔ be, Ingolf Cascorbi, si nye atikeŋutinunyala, gblɔ be akɔntabubu aɖe ɖee fia be \"woate ŋu axe mɔ ɖe ame 10,000 siwo kuna kple ame 250,000 siwo ŋu atikewo gblẽa nu le vevie ƒe sia ƒe le Germany la nu hafi ne ɖe wowɔ numekuku kple hehexɔxɔ ŋudɔ bliboe.\"\nNenema ke Sciences et avenir si nye Fransegbe me magazine ka nya ta le numekuku aɖe si wowɔ le France nyitsɔ laa ŋu si ɖee fia be le atike 150,000 siwo woŋlɔ na amesiwo xɔ wu ƒe 70 me la, wo dometɔ siwo ade 10,700 menyo o loo alo mewɔ dɔ o. Atikeawo dometɔ ɖeka le 50 me ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le alesi wòate ŋu adzɔ be woa kple atike bubu siwo woŋlɔ kpee mawɔ dɔ nyuie o alo le afɔku bubu siwo woate ŋu ahe vɛ ta. Le France la, wobui be ame tsitsiwo tsɔ ŋkeke siwo ade miliɔn ɖeka sɔŋ nɔa kɔdzi ƒe sia ƒe le atikewo ƒe nugbegblẽ le wo ŋu ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000308\/%C5%8Akul%C3%A9le-%C3%90e-Xexeame-%C5%8Au\/","date":"2023-09-27T10:04:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510284.49\/warc\/CC-MAIN-20230927071345-20230927101345-00737.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989622831,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989622831344604}","num_words":904,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?\nEsi nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 50-awo me la se be kansa le ye ŋu la, egblɔ be: \"Mese le ɖokuinye me be tohehee wònye nam.\" Eɖo ŋku nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ƒe geɖe do ŋgɔ la dzi heƒo nya ta be: \"Anye Mawue to esia dzi le gbɔgblɔm nam be mewɔ nu vɔ̃.\"\nNE AME geɖewo ɖo nɔnɔme sesẽwo me la, wosena le wo ɖokui me be Mawue le to hem na yewo le nu gbegblẽ aɖe si yewowɔ va yi la ta. Ne kuxiwo va do agbogbo ɖe wo dzi le vo me eye wotɔtɔ le wo ɖokui me la, wofaa konyi be: \"Nu ka tae wònye dzinyee nu sia adzɔ ɖo? Nu kae mewɔ si na wòle be nu sia nadzɔ ɖe dzinye?\" Ðe wòle be míaƒo nya ta be míaƒe kuxiwo nye kpeɖodzi be Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu oa? Ðe kuxi siwo vaa mí ame ɖekaɖekawo dzi nye tohehe tso Mawu gbɔa?\nMawusubɔla Wɔnuteƒewo To Nɔnɔme Sesẽwo Me\nBu nu si Biblia gblɔ tso ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu kpɔ. Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko la, eƒe nunɔamesiwo katã nu yi le vo me. Eyome ya ʋuduʋudu aɖe ƒo hewu via ewoawo katã. Ema megbe kpuie la, dɔ vɔ̃ɖi nyɔŋu aɖe va dze eya ŋutɔ dzi. (Hiob 1:13-19; 2:7, 8) Nɔnɔme sesẽ mawo na Hiob do ɣli be: \"Mawu ƒe asi ƒom.\" (Hiob 19:21) Edze ƒãa be Hiob se le eɖokui me be Mawue nɔ to hem na ye, abe ale si ko ame geɖe sena le wo ɖokui me egbea ene.\nKe hã, Biblia ɖee fia be, hafi nɔnɔme sesẽ mawo nava Hiob dzi la, Mawu ŋutɔ gblɔ tso eŋu be \"enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.\" (Hiob 1:8) Ŋudzedzekpɔɖeameŋunya siawo si Mawu gblɔ tso Hiob ŋu la ɖee fia kɔtɛ be nɔnɔme sesẽ siwo va edzi la menye tohehe tso Mawu gbɔ o.\n1 Mose 39:10-20; 40:15) \"Lãmegbegblẽ enuenu\" ɖe fu na Kristotɔ wɔnuteƒe Timoteo. (1 Timoteo 5:23) Wowɔ fu Yesu Kristo si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la kura gɔ̃ hã vevie, eye wòku le vevesese helĩhelĩ me mlɔeba. (1 Petro 2:21-24) Eya ta anye vodada be míaƒo nya ta be fukpekpewo nye Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu ƒe dzesi. Ke ne menye Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tsona o, eye wòanye ame bubu aɖee la, ke ame kae?Le nyateƒe me la, ame dzɔdzɔe siwo to nɔnɔme sesẽwo me ƒe ŋutinyawo le Biblia me taŋ. Togbɔ be Mawu subɔla wɔnuteƒee Yosef nye hã la, wodee gaxɔ me madzemadzee hena ƒe geɖe. (\nNu Siwo Gbɔ Míaƒe Fukpekpewo Tsona\nBiblia ɖee fia be Satana Abosam ye he fukpekpewo va Hiob dzi. (Hiob 1:7-12; 2:3-8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖee fia be Satana koŋ gbɔe kuxi siwo le mía dzi vam egbea la tso esime wògblɔ be: \"Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.\" (Nyaɖeɖefia 12:12) Esi Satana nye \"xexe sia dzi ɖula\" ta la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi woƒoa wo ɖokuiwo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo hea fukpekpe kple dzigbãnya manyagblɔwo vɛ la wɔwɔ me.—Yohanes 12:31; Psalmo 37:12, 14.\nKe hã, mele be míanɔ fɔ bum Abosam ɖe fukpekpe ɖe sia ɖe si va mía dzi la ta o. Le nu vɔ̃ kple blibomademade si dome míenyi ta la, míewɔa nyametsotso manyomanyo siwo tea ŋu hea kuxiwo vaa mía dzi. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Le kpɔɖeŋu me, bu ame aɖe si ŋutɔ ɖoe gbe nuɖuɖu nyuie eye meɖina ɖe eme nyui hã o ŋu kpɔ. Ne agbenɔnɔ sia va he lãmesẽkuxi aɖewo va edzi mlɔeba la, ɖe wòle be wòabu fɔ Abosam ɖe esia ta? Ao, nyametsotso maɖɔʋu si ame sia wɔ la me tsonu vɔ̃woe nye ema ŋem wòle. (Galatiatɔwo 6:7) Le go ma me la, ɖeko wòle abe ale si Biblia me lododo aɖe gblɔe ene be: \"Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na.\"—Lododowo 19:3.\nMlɔeba la, ele be míanya be afɔku siwo dzɔna ɖe mía dzi la dometɔ geɖe nyea \"azãgbe kple nuɖiɖeame\" me tsonuwo. (Nyagblɔla 9:11) Bu eŋu kpɔ be ame aɖee nye ema le vo me ko tsi te dzadza hele eƒom. Ne ɖeko tsia aƒoe vie alo ametia katã aƒo tsi kpenyee la, anɔ te ɖe afi si wòle hafi tsia te dzadza dzi. Nenema kee le \"ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ\" siawo si me míele me la, kuxi sue aɖewo ate ŋu atrɔ kpata ahe nɔnɔme sesẽ geɖewo ava ame dzi. (2 Timoteo 3:1-5) Ale si gbegbe nɔnɔme sesẽ mawo akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii la anɔ te ɖe ɣeyiɣi si me nua dzɔ kple nɔnɔme siwo me tom míele, siwo ŋu míate ŋu awɔ nu boo aɖeke, alo naneke kura le o la dzi. Ðe esia fia be nenema koe nɔnɔme sesẽwo anɔ mía dzi vam ɖaa?\nKuxiwo Katã Nu Ayi Kpuie\nDzidzɔtɔe la, Yehowa Mawu ahe kuxiwo katã ava nuwuwui kpuie. (Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 1:3; 21:3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖo la, eɖee fia be yetsɔa ɖe le eme na mí to \"nufiafia\" kple \"akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me\" nana mí me, bene míate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi fifia ahanɔ mɔ kpɔm na etsɔmeyayra wɔnuku siwo tu aƒe. (Romatɔwo 15:4; 1 Petro 5:7) Ɣemaɣi la, ame siwo nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume la anɔ agbe tegbee le xexe yeye aɖe me, afi si kuxi aɖeke magado nuƒo na wo le o.—Psalmo 37:29, 37.—g09 01-E.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n▪ Ame vɔ̃ɖiwo koe toa nɔnɔme sesẽwo mea?—Hiob 1:8.\n▪ Ðe wòle be míabu fɔ Abosam ɖe míaƒe kuxiwo katã ta?—Galatiatɔwo 6:7.\n▪ Ðe fukpekpewo anɔ anyi ɖaa?—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]\n\"Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\"—Nyagblɔla 9:11","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200901\/%C3%90e-W%C3%B2-Kuxiwo-Nye-Tohehe-Tso-Mawu-Gb%C9%94a\/","date":"2023-09-26T16:40:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510214.81\/warc\/CC-MAIN-20230926143354-20230926173354-00489.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981873035,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981873035430908}","num_words":939,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔti gɔmeɖoanyi ƒe nɔnɔmetata\ngɔmeɖoanyi sɔti\nSɔti la tame ƒe gbeɖiɖi ƒe sesẽme 0.038 m3\nBase volume 0.025 m3\nSɔtiwo ƒe agbɔsɔsɔme bliboa 0.063 m3\nAdzɔge si le atikpowo dome le tsia dzi 1450 mm\nDometsotso si le tsitrenu le atikpowo dome 1433 mm\nGɔmeɖoanyi sɔtiwo ƒe xexlẽme 20 nuwo\nSɔtiwo katã ƒe kɔkrit ƒe lolome 1.257 m3\nKɔnkrit ƒe lolome na grillage 0.606 m3\nKɔkrit ƒe lolome bliboa 1.863 m3\nDodokpɔ ƒe didime le sɔti ɖeka me 4.2 m\nAgbɔsɔsɔ si wodo ŋusẽe le sɔtiwo me 84 m\nDodokpɔ si le grillage la me ƒe didime 84 m\nŊusẽdodo ƒe didime bliboa 168 m\nDodokpɔ ƒe kpekpeme bliboa 149.08 kg\nGa si woatsɔ atu xɔtunu siwo woatsɔ awɔ gɔmeɖoanyiae\nSiminti kotoku xexlẽme si wobia si nye kilogram 50: 13.04. (alo 652.05 kg)\nsiminti ƒe asi 2608.2\nke 1630.13 kg\nsand ƒe asi 489.04\nglikpowo 2347.38 kg\nrubble ƒe asi 938.95\nGa si woatsɔ ado ŋusẽe 2981.6\nƑuƒoƒo: 7017.79\n© www.zhitov.ru","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/pile_foundation\/calculator.php","date":"2023-09-30T17:04:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510697.51\/warc\/CC-MAIN-20230930145921-20230930175921-00713.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985201955,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985201954841614}","num_words":136,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.33,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le hipped roof truss system ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nY - xɔta ƒe kɔkɔme\nX - aƒe ƒe didime\nZ - aƒea ƒe kekeme\nC - cornice overhang ƒe lolome suetɔ kekeake\nU - Rafter ƒe kekeme\nW - Rafter ƒe titrime\nS - Rafter ƒe gbeɖiɖi\nO1 - Lathing board ƒe kekeme\nO2 - Aɖaka la ƒe ʋuƒoawo ƒe titrime\nR - Lathing ƒe afɔɖeɖe\nAkɔntabubu le truss ƒe wɔwɔme ŋu.\nXɔtunu agbɔsɔsɔme si hiã na xɔtunu siwo woatsɔ awɔ xɔtunuwoe la nyanya.\nAɖaka la ƒe ʋuƒo ƒe lolome nyanya.\nTruss-ɖoɖoa ƒe akpawo katã ƒe didime tututu.\nTame si wotsɔ akɔta wɔe, xɔtaxɔe, xɔtaxɔewo ƒe nɔnɔmetata tsitotsito.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/hip_roof\/","date":"2023-09-27T15:16:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510300.41\/warc\/CC-MAIN-20230927135227-20230927165227-00585.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997778535,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997778534889221}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le alesi gbegbe kɔkrit-kpewo, mɔdodowo ƒe kpewo le ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le mita me\nA\n- Track ƒe didime.\nB\n- Track ƒe kekeme.\nC\n- Mɔdodo ƒe kpe gbadzɛwo ƒe xexlẽme le meta 1 sq me.\nH\n- Goglome si wotsɔ yɔe le tile la te. Mehiã o.\nEsia wɔe be ɖoɖowɔɖia abu akɔnta le mɔa alo nuƒolanɔƒea ƒe lolome, xɔtunu alo kpe siwo woatsɔ aɖo kpe gbadzɛwo ƒe xexlẽme si hiã, xɔtunu si woatsɔ awɔ xɔtunua ƒe lolome, ga si woatsɔ awɔ xɔtunuwoe kple teƒe si woatu ɖe u200ƒu tile.\nÐoɖo si wowɔ be woatsɔ aɖo kpe gbadzɛwo\nLe nɔnɔmetata la me la, wowɔa ɖoɖo si gogo be woatsɔ aɖo kpe gbadzɛwo alo mɔdodo ƒe kpe gbadzɛ siwo le dzogoe ene me le akɔntabubua me.\nWotsɔ ɖoɖoa na be woatsɔ akpɔ tilewo ɖoɖo kple wo lãɖeɖe ƒe ŋkume.\nEsia akpe ɖe mía ŋu míanya alesi woaɖo afɔtoƒea alo afɔtoƒea.\nNe wogblɔ alesi gbegbe woatsɔe aƒu gbe la, ɖoɖowɔɖia abu eƒe lolome.\nBe woabu akɔnta le nusiwo woatsɔ awɔ ke alo kɔkrit ƒe gɔmeɖoanyi ƒe agbɔsɔsɔme ŋu.\nGblɔ woƒe nɔnɔme, woƒe lolome, mɔ̃ɖaŋununya si wotsɔ ɖoa woe kple tile ƒe xexlẽme le meta ɖeka me tso ewɔlawo gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/sidewalk_tiles\/","date":"2023-09-29T14:34:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510516.56\/warc\/CC-MAIN-20230929122500-20230929152500-00003.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989089966,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989089965820312}","num_words":199,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðoɖo ka ƒomevie nye Player22.com?\nNuɖᴐɖᴐ\nPlayer22.com nye hadome dɔwɔnu si wowɔ be nàdo go xɔlɔ̃ yeye siwo te ɖe ŋuwò. Dɔbiagbalẽvia nye femaxee kura.\nPlayer22.com nye internet dɔwɔƒe gbãtɔ si le eƒe ƒomevi me. Eƒoa fefewo ƒe dɔwɔƒe, dzeɖoɖo ƒe dɔwɔƒe, hadome dɔwɔnu sẽŋu aɖe... kple bubuwo gɔ̃ hã nu ƒu.\nDɔdamɔnua ƒe ɖoɖowɔwɔ\nPlayer22.com li installed manɔmee: Le ame ŋutɔ ƒe kɔmpiuta alo smartphone ɖesiaɖe dzi, zã egbegbe browser abe\nChrome, Safari, Edge, Firefox, Samsung\nto nyatakakadzraɖoƒea yiyi me\n.\nNe èdi be yeade dɔwɔnua ɖe wò kɔmpiuta dzi la: Yi App-store si nèlɔ̃ wu la me, eye nàdi\n\"Player22\"\n.\nNya aɖe tso agbalẽŋlɔla la gbɔ\n« Nye ŋkɔe nye Yoel. Nyee nye Franseawo ƒe kɔmpiutadziɖoɖowo ŋuti nunyala si le eɖokui si. Meta eƒe tata gbãtɔ\nPlayer22.com\nle ƒe 2011 me le ŋkɔ \"\nKeyja.com\n\". Eye egbea le ƒe 2022 me la, enye dada nam be maɖe eƒe tɔtrɔ yeye aɖe ɖe go, si me dɔwɔnu xoxoa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe nɔnɔmewo katã le, gake wowɔ ŋgɔyiyi geɖe hã. »\n« Wɔ ɖeka kple míaƒe nutoawo dometɔ ɖeka. Míexɔ mi nyuie ɖe Player22.com, internet dɔwɔƒe gbãtɔ si wotsɔ ɖe adzɔgbe na \"hadome modzakaɖeɖe\": Mina míafe kple nukokoedonamela. Mina míaƒo nu kple ame dodzidzɔnamewo. Mina míado go ame wɔnuku yeyewo. Eye ƒo wo katã ta la, mina míaɖe modzaka ɖekae! »","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/overview_index.html","date":"2023-09-23T11:49:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00711.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991925359,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991925358772278}","num_words":213,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O\n\"Amewo . . . malɔ̃ woƒe ƒometɔwo o.\"—2 TIMOTEO 3:1-3, God's Word Bible.\n● Chris wɔa dɔ le ŋutasẽnuwɔwɔ le ƒometɔwo ŋu ŋuti kpekpeɖeŋunaha aɖe me le North Wales. Eka nya ta be: \"Meɖo ŋkui be gbe ɖeka la, nyɔnu aɖe si medze si la va gbɔnye, gake nyemekpɔe dze sii o, le esi woƒoe vivie ta.\" Egblɔ hã be \"Ale si wogblẽa nu le nyɔnu aɖewo ŋu le seselelãme gome la nana nu tena ɖe wo dzi ale gbegbe be ɖeko wodea mo to le ŋukpe ta.\"\nNU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Akɔntabubuwo ɖee fia be le Afrika dukɔ aɖe me la, nyɔnu siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo ŋutasesẽtɔe le woƒe ɖevime la anɔ abe ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me ene. Le dukɔ ma ke me la, numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be ŋutsu siwo wu ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔe se be esɔ be yewoaƒo yewo srɔ̃wo. Gake menye nyɔnuwo ŋu koe wowɔa ŋutasẽnuwo ɖo le aƒe me o. Le kpɔɖeŋu me, le Canada la, ŋutsu 3 le 10 ɖe sia ɖe me srɔ̃wo ƒoa wo alo sẽa ŋuta le wo ŋu le mɔ bubu nu.\nNUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu li tso gbe aɖe gbe ke. Ðeko amewo gale nu ƒom tso eŋu egbea akpa.\nÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ele eme baa be wole to kɔm dzi na amewo tso ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me ŋutɔ ya. Gake ɖe nuƒoƒo tso eŋu alea na edzi ɖe kpɔtɔa? Kpao. Fifia boŋ ye ame geɖe le ŋuta sẽm le woƒe ƒometɔwo ŋu wu.\nNU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe 2 Timoteo 3:1-3 le eme vam egbea? Ðe lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒometɔwo dome la le to yim le míaƒe ŋkekea mea?\nNyagblɔɖi atɔ̃lia si hã le eme vam fifia la ku ɖe míaƒe anyigba la ŋu. De dzesi nya si Biblia gblɔ tso esia ŋu.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]\n\"Míalɔ̃ ɖe edzi be ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋue nye nu vlo wɔwɔ siwo dzi amewo mekɔa nu le kaba o la dometɔ ɖeka. Le mama dedie nu la, nyɔnuwo srɔ̃wo ƒoa wo wòdea zi 35 sɔŋ hafi wova dia kpovitɔwo ƒe mɔ.\"—ŊUTASESẼ LE ƑOMETƆWO ŊU ŊUTI NYAWO GBƆKPƆHA SI LE WALES ƑE NYANUÐELA.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Nyagbl%C9%94%C9%96i-4-Ame-Siwo-Mel%C9%94%CC%83a-Ame-%C6%91e-Nya-O\/","date":"2023-12-02T05:35:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100327.70\/warc\/CC-MAIN-20231202042052-20231202072052-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968929291,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968929290771484}","num_words":384,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 15, 2006 Ɣekaɣie Nye \"Ŋkeke Mamlɛawo\"? \"Ŋkeke Mamlɛawo\" Mee Míele Vavãa? 'Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo tso Yesu Ŋuti O' 'Woyɔ Sanhedrin La Me Tɔwo Va Ƒo Ƒu' 'Yuxal Ƒe Nutrenu La' Nya Vevi Siwo Tso Lododowo ƒe Agbalẽa Me Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me 'Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Ðekakpui Me Srɔ̃ Ŋu' Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ekpɔa Dzidzɔ le Yehowa ƒe Se la Ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060915\/","date":"2023-11-30T23:47:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100258.29\/warc\/CC-MAIN-20231130225634-20231201015634-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966768622,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966768622398376}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpekpeɖeŋu Hena Asiɖeɖe le Ðeviwo ƒe Aglãdzedze Ŋu\nETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE FRANCE GBƆ\nNYITSƆ laa ƒe nudzɔdzɔwo ɖe alesi se kple ɖoɖodziwɔwɔ le to yim kabakaba le France ƒe dugãwo ƒe nuto siwo wogblẽ ɖi me fia. Franseawo ƒe magazine si nye L'Express gblɔ be \"dugã me ŋutasẽnuwɔnawo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ le ƒe ade me.\" Gawu la, ƒewuivi siwo kpɔa gome le ŋutasẽnuvlowɔwɔ me ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi nukutɔe.\nTsɔ kpe ɖe aglãdzelawo ƒe nudomegbegblẽ, atikevɔ̃ɖisitsatsa, akpasesẽnuxɔxɔ, dzotɔtɔ amewo ƒe nuwo, kple fififi ŋu la, wotɔa ŋku dziɖuɖumegãwo koŋ. Wodzea kpovitɔwo, dzotsilawo, kple dukɔa ƒe ʋu me dɔwɔlawo, kpakple ame bubuwo dzi ŋutasesẽtɔe zi geɖe.\nNukatae ŋutasesẽ bɔ alea? Hadomegbenɔnɔŋutinunyala eve ɖe nu me be \"ƒomea ƒe gbagbãe hea aglãdzedze ɖe dziɖuŋusẽ ɖesiaɖe ŋu vɛ.\" Woƒo nu tso \"[sɔhɛawo ƒe] sese le wo ɖokui me be dziɖuɖuwo gblẽ yewo ɖi\" kple alesi \"mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si na etsɔme ɖɔʋu aɖeke ŋu o\" hã ŋu.\nYehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã Biblia ƒe mɔkpɔkpɔgbedasi na amewo le nuto siwo me aglãdzedze bɔ ɖo la ɣesiaɣi. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ le Franseawo ƒe television dzi wɔna aɖe me nyitsɔ laa be: \"Yehowa Ðasefowo tsana le du kple nuto siwo wogblẽ ɖi katã me zi gbɔ zi geɖe—nuto siwo ɣeaɖewoɣi wòdzena abe hadomekpekpeɖeŋunalawo, kpovitɔwo, kple dziɖuɖua gblẽ ɖi ene. Woƒoa nu na amewo le aƒewo me kple le ablɔ dzi le teƒe siawo eye woɖoa to sea ameawo hã ƒe nya.\" Woƒe dɔa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi, abe alesi lɛta sia si tso sɔhɛ aɖe si xlẽa Nyɔ! gbɔ me nyawo gblɔe ene.\n\"Medi be mada akpe na mi tso dzi blibo me ɖe miaƒe agbalẽwo ta. Menye nye ŋutɔ ŋu koe miekpe ɖo o, ke boŋ miena mía kple dzinyelawo dome hã va nyo ɖe edzi. Ƒe 16 koe mexɔ eye menye Moslemtɔ.\n\"Nusi medi be magblɔe nye be miete ŋu na medzudzɔ aglãdzedze. Eye esia wɔe be meva le agbe nɔm le ɖekawɔwɔ me kple nye subɔsubɔdzixɔsewo nyuie wu, gake mexlẽa Biblia hã. Miena be megava le nye sukudede hã dzi yim. Gawu la, miekpe ɖe ɖevi geɖe ŋu wodzudzɔ aglãdzedze le nye nutoa me to miaƒe magazinewo—siwo meɣena na wo ɣleti ɖesiaɖe dzi. Meda akpe na mi eye mekpɔ be miedze na kafukafu ŋutɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000908\/Kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-Hena-Asi%C9%96e%C9%96e-le-%C3%90eviwo-%C6%92e-Agl%C3%A3dzedze-%C5%8Au\/","date":"2023-12-06T03:41:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100583.13\/warc\/CC-MAIN-20231206031946-20231206061946-00043.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996421337,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996421337127686}","num_words":382,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nEdi Be Yeana Kpekpeɖeŋu\nEDZƆ kpɔ be nènya ame aɖe si nɔ dɔ lém veviea?— Ðe nèdi vevie be yeakpe ɖe eŋu hafia?— Ke nenye be du bubu me tɔe wònye alo eƒe subɔsubɔ to vovo na tɔwò ya ɖe? Àgadi kokoko be yeakpe ɖe eŋu eƒe lãme nasẽa?— Nyɔnuvi aɖe si nɔ Israel anɔ ƒe 3,000 kloe nye esi va yi la wɔ esia. Mina míadzro nu si dzɔ ɣemaɣi la me kpɔ.\nZi geɖe la, aʋawɔwɔ yia edzi le blema Israel, du si me nyɔnuvi la nɔ, kple Siria du si te ɖe wo ŋu la dome. (1 Fiawo 22:1) Gbe ɖeka la, Siriatɔwo va Israel, eye wolé nyɔnuvi la dzoe. Wokplɔe yi Siria, eye wòzu Siria ʋafia Naeman srɔ̃ ƒe dɔla. Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be anyidɔ alo kpodɔ, si naa ame ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo nɔa nyinyim la, nɔ Naeman ŋu.\nDɔlanyɔnuvia gblɔ nu si Naeman awɔ bene eƒe dɔlélea navɔ nɛ la na Naeman srɔ̃. Egblɔ be: \"Oo, ne nye aƒetɔ [Naeman] ade nyagblɔɖila [Elisa], si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.\" Azɔ hã, ale si ɖevia ƒo nu tso Elisa ŋu na Naeman xɔe se be nyagblɔɖila la ate ŋu ada dɔa na ye vavã. Eya ta Naeman xɔ mɔɖeɖe tso Siria fia Ben-hadad gbɔ, eye woa kple eƒe dɔla aɖewo zɔ mɔ didi si anɔ abe kilometa 150 ene be yewoaɖadi Elisa.\nGbã la, wova Israel fia Yoram gbɔ. Wotsɔ lɛta si Fia Ben-hadad ŋlɔ tsɔ nɔ biabiam be woakpe ɖe Naeman ŋu la fiae. Gake Yoram mexɔ Yehowa alo nyagblɔɖila Elisa dzi se o. Yoram susui be ɖe Ben-hadad nɔ mɔnu dim be yeawɔ aʋa kple ye. Esi Elisa se nya sia la, egblɔ na Fia Yoram be: \"Ðoe ɖe gbɔnye.\" Elisa di be yeaɖee afia be ŋusẽ le Mawu si be wòada Naeman ƒe dɔléle vɔ̃ɖia nɛ.—2 Fiawo 5:1-8.\nEsi Naeman kple eƒe sɔwo kpakple eƒe tasiaɖamwo va ɖo Elisa ƒe aƒe gbɔ la, Elisa dɔ ame ɖo ɖa be woaɖagblɔ nɛ be: \"Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo.\" Naeman do dziku. Enɔ mɔ kpɔm be Elisa ado ava ye gbɔ, eye wòatsɔ eƒe asi alili ɖe teƒe siwo kpodɔa wɔ la ahana dɔa navɔ. Le ema teƒe la, ame koe wòdɔ ɖo ɖee! Eya ta Naeman bi dzi dzo, eye wòdze mɔ ɖo ta wo de.—2 Fiawo 5:9-12.\nNu kae nàwɔ nènye Naeman ƒe dɔlawo dometɔ ɖekae nènye?— Enyo, dɔlawo biae be: 'Nenye nu sesẽ aɖee Elisa bia tso asiwò be nàwɔ la, màwɔe oa? Ekema nu ka tae màwɔ nu bɔbɔe sia—be nàyi aɖalé tsi ko be ŋuwò nakɔ—oa?' Naeman ɖo to woƒe gbe. \"Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre . . . , eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dza aɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.\"\nNaeman trɔ yi Elisa gbɔ hegblɔ nɛ be: \"Azɔ medze sii bena, [Mawu] aɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko.\" Edo ŋugbe na Elisa be, \"[yemagasa] numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubuwo azɔ o, negbe [na] Yehowa ko.\"—2 Fiawo 5:13-17.\nÀdi be yeakpe ɖe ame aɖe ŋu wòasrɔ̃ nu tso Yehowa kple nu si wòate ŋu awɔ ŋu, abe ale si nyɔnuvi la wɔe enea?— Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ŋutsu aɖe si nye kpodɔléla xɔ edzi se hegblɔ nɛ be: 'Ne èdi vavã be yeakpe ɖe ŋunye la, àte ŋui.' Ènya ale si Yesu ɖo eŋu nɛa?— \"Melɔ̃.\" Eye Yesu da dɔa nɛ abe ale si ko Yehowa da dɔ na Naeman ene.—Mateo 8:2, 3.\nÈnya nu tso xexe yeye si Yehowa le wɔwɔ ge si me amewo katã anɔ lãmesẽ nyui me ahanɔ agbe mavɔ le la ŋua?— (2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ne ènya nu tso eŋu la, àdi godoo be yeaƒo nu tso nu wɔnuku siawo ŋu na amewo!\nNyabiasewo:\n○ Aleke nyɔnuvi sue aɖe kpe ɖe Naeman, ŋutsu si ƒe amewo ɖe aboyoe la, ŋu?\n○ Nu ka tae Naeman medi gbã be yeawɔ ɖe Elisa ƒe nya dzi o, gake nu kae na wòtrɔ susu?\n○ Nu ka tututue wòle be nàdi be yeawɔ ale be nàte ŋu asrɔ̃ nyɔnuvi sue la ƒe kpɔɖeŋu?\n��� Nu kae Yesu di be yeawɔ, eye nu ka tae agbenɔnɔ avivi ŋutɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me?\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080601\/Edi-Be-Yeana-Kpekpe%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2023-12-06T21:06:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100603.33\/warc\/CC-MAIN-20231206194439-20231206224439-00694.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99684304,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968430399894714}","num_words":713,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OpexBot nye asitsaƒe si me naneke mehiã o.\nDɔwɔwɔ:\n- Tia dɔwɔnu geɖe eye nàɖe wo afia le axa ɖeka dzi\n- Nudzidzenu vovovowo ƒe nɔnɔmetata geɖe siwo me ŋutinya me nyatakakawo le\n- Asitsatsa kple bablawo ƒe nɔnɔmetata tsitotsito le Internet dzi kple tsitotsito vaseɖe milisekɔndwo dzi\n- Scalping screen afisi haƒonuwo ƒe nudɔdɔ gbalẽwo koe le\n- Haƒonu siwo katã le screen la tame ƒe nɔƒewo kple ɖoɖo siwo wowɔ ɖe wo ŋu ƒe kpukpui\n- Telegram dzi nyatakaka siwo ku ɖe tɔtrɔ siwo va le ɖoƒe ŋu, kpakple gaŋutinya siwo dona ɖe ŋgɔ\nƉoe anyi\nWɔ eƒe kɔpi eye nàdae ɖe wò kɔmpiuta dzi\nGe ɖe https:\/\/opexflow.com , eye le ema megbe la, kɔpi ƒe kadodoa ava nɔ anyi. Zã ɖoɖowɔɖia ƒe tata yeye si woɖe tso nyatakakadzraɖoƒe si dziɖuɖua da asi ɖo la ko.\nDɔwɔwɔ\nÀte ŋu axɔ dɔwɔwɔ ƒe safuia le wò nɔnɔmetata ƒe axa https:\/\/opexflow.com\/ru\/profile . Le ɣeyiɣi sia me la, ɖoɖowɔɖia nye femaxee na amesiame.\nMɔnu\nƲu akɔnta le Finam , ne menye xoxo o. Nukatae le afima? Le kɔmiun suetɔ kekeake na etsɔme asitsatsa kple API si ŋu kakaɖedzi le, si li ke ta. Gakpe ɖe eŋu la, kadodo si zɔna kabakaba hã li. Eyome, yi ɖawɔ login kple password na robot la le afisia: https:\/\/edox.finam.ru\/ITS\/AddTerminal Wɔ Transaq Connector na kadodo si nɔa anyi edziedzi. Alo HFT na duƒuƒu sesĩe. Àte ŋu anya nɔnɔme siwo me nàte ŋu akpɔ kadodo si zɔna kabakaba le le broker's website. Fifia la, ga home sia si le gakɔnta me la wu ruble akpe 200. Ne èwɔ Transaq Connector ƒe nɔnɔmetata yeye vɔ la, elektrɔnik nubabla la anye esi dzi woato age ɖe eme, eye woaɖo nyagbe aɖe ɖe telefon xexlẽdzesi si nèɖo la dzi. Esiawoe wòle be woaŋlɔ ɖe mɔɖeɖegbalẽvia me.Ne èwɔ profile yeye vɔ la, ele be nàtrɔ nyagbea tso SMS dzi ayi yeye dzi. Esia menye kafukafu o, ke boŋ enye nudidi si wòle be woawɔ, si manɔmee la, asitsatsa ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖeke manɔ anyi o. Àte ŋu atrɔ wò nyagbe ɣaɣla le OpexBot ƒe mɔ̃a ŋutɔ me ne ège ɖe eme zi gbãtɔ, le mɔfiameawo dzi wɔwɔ me. Emegbe gbugbɔ dze ɖoɖowɔɖia gɔme eye nàzã gege ɖe eme kple nyagbe yeyea. \"HFT\" – tiatia sia tiatia axɔ ɖe kadododzikpɔla teƒe. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe gegeɖe kple nyagbe ɣaɣla le vovo. \"Data update frequency\" – tiatia sia kpɔa ŋusẽ ɖe nyatakakawo xɔxɔ ƒe duƒuƒu dzi. Zi alesi nèɖoe be yeazã dɔwɔnu geɖe le ɣeyiɣi ɖeka me eye (alo) zi alesi wò kɔmpiuta le blewu la, zi nenemae wòle be asixɔxɔ sia nakɔ wui. Wotiae ɖekaɖeka le dodokpɔ me. \"Atitsotso\".— kpɔa ŋusẽ ɖe zi nenie woaŋlɔ ɖoɖowɔɖia ƒe dɔwɔwɔ ƒe nɔnɔmetatawo ɖe agbalẽ me tsitotsito dzi. Ekpɔa ŋusẽ ɖe dɔwɔwɔ kple faɛl ƒe lolome dzi tẽ. Enyo wu be nàtia log ƒe lolome suetɔ kekeake. Gake ne èdo go kuxi aɖewo la, ekema ele be nàdzi atitsotso ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi eye nàse kuxia gɔme. Woateŋu akpɔ ɖoɖowɔɖia ƒe dɔwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo le OpexBot ƒe agbalẽdzraɖoƒe le \"resources\/logs\". Wowɔa nudɔdɔ na telegram dzi nyatakakawo le wo ɖokui si. Woɖoa nyatakakawo ɖe telegram, si do ƒome kple mɔɖeɖe ƒe kɔpi si tso opexflow.com\nAsitsatsa\nWowɔa nudɔdɔwo to asiƒoƒo ɖe asi si le nudɔdɔwo ƒe agbalẽa me dzi, alo to agbalẽvi si le dɔwɔnua ŋuti nyatakakawo me kpekpe ɖo me. Woate ŋu akli esiwo wotsɔ aŋutrɔwo de dzesii eye ne wozi wo dzi la, wotsɔa wo dea agbalẽvia me le wo ɖokui si. Le nudɔdɔ si wowɔ ƒe asi nu la, nuƒle kple nudzadzra ƒe dzesiwo wɔa dɔ abe seɖoƒe ƒe nudɔdɔ alo nudɔdɔ si ŋu nɔnɔme aɖe le ene. Metsɔa nye asibidɛwo ɖea eme. Dɔwɔnua ƒe asi nye ruble akpe ɖeka. Èɖo dɔbiagbalẽvia ƒe asi ɖe ruble 900 dzi. Emegbe ƒle ƒe dzesi anye seɖoƒe ƒe dzesi, woaɖoe enumake, eye woaɖo stop loss and take profit na nudɔdɔ sia. Eye nudzadzra ƒe dzesi la awɔ nudɔdɔ si ŋu nɔnɔme aɖe le, si woawɔ ne asixɔxɔa va zu ruble 900 alo esi mede nenema o. Elabena ne èwɔ seɖoƒe ƒe nudɔdɔ si nye ruble 900 be woadzra la, woawɔ nudɔdɔa enumake to nu nyuitɔ kekeake siwo le nudɔdɔgbalẽa me zazã me. Le nudɔdɔ si ŋu nɔnɔme aɖe le gome la, womewɔa tɔtrɔwo le wo ɖokui si o eye ele be woaŋlɔ wo kple asi le nudɔdɔa wɔwɔ vɔ megbe. Woɖoa nutɔtrɔwo abe alafa memamã ene. Woate ŋu akpɔ asi si woɖe fia la le teƒe si sɔ kplii. Esia nye teƒe bɔbɔe alea, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, esɔ ŋutɔ na etsɔme asitsatsa. Le edzi la, woatsɔ dɔwɔwɔ akpe ɖe eŋu ku ɖe screener kple nunya wɔwɔe ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋu hena nyanya le nɔnɔme si le edzi yim kple asixɔxɔ ƒe ʋuʋu si ate ŋu adzɔ ŋu. Àte ŋu aŋlɔ nyabiasewo kple nyaŋuɖoɖowo katã na ɖoɖowɔɖia ƒe kpekpeɖeŋu tẽ tso mɔ̃a dzi to abɔti si le ɖoɖowɔɖia ƒe miame ƒe dzogoe si le ete la zazã me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/articles.opexflow.com\/ee\/software-trading\/opexbot-futures-manual.htm","date":"2023-12-08T06:45:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100724.48\/warc\/CC-MAIN-20231208045320-20231208075320-00730.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991233945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991233944892883}","num_words":808,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Sɔhɛwo Biana Be . . .\nNe Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?\n\"Dada, èku nyagã. Menye ƒe 1950-awo mee míele o. Amesiame le gbe ɖom ɖi! Menye vinyɔnuvi sue meganye fifia na wò o.\"—Janie, si xɔ ƒe 16. *\nNE WOGBLƆ na ame aɖe be metsi aɖo gbe ɖi o la, ate ŋu ado nuxaxa nɛ. Sɔhɛ aɖe gblɔ be: \"Medi be mawɔ nusi Biblia gblɔ abu fofonye kple danye, gake nyemebui be wo tɔ dzɔ o. Nyemenya alesi maƒo nu tso eŋui na wo gɔ̃ hã o.\" Abe ɖekakpui sia ene la, àsusu be ye dzilawo ƒe nya gbɔ eme akpa eye womesea veve ɖe ye nu o. Ðewohĩ èdo go ame aɖe si ƒe nya nèlɔ̃ vevie eye nèdi be yeanyae nyuie. Alo ɖewohĩ èsusu be ne ye hã ye te gbeɖoɖoɖi la, akpe ɖe ye ŋu yeasɔ kple ye hatiwo. Michelle gblɔ be: \"Nyaƒoɖeamenuwo bɔ. Ne mèɖoa gbe ɖi o la, sukuviwo susuna be mèle ɖeke me o.\"\nƑomeɖaŋuɖola aɖe gblɔ le gbeɖoɖoɖi ŋu be: \"Dzilawo ƒe nya megbɔ eme akpa le nya aɖeke me o.\" Gake esi wòwɔ na wò abe ɖe dziwòlawo ƒe nya gbɔ eme akpa ene ta ɖe wòfia be nenemae wòle nyateƒea? Ne èbu eŋu kpɔ la, Mawu ɖoe dziwòlawo dzi be woafia nu wò, ana hehe wò, woakpɔ tawò, eye woafia mɔ wò. (Mose V, 6:6, 7) Ðe wòanye be nane tae dziwòlawo tsi dzi ɖe wò dedienɔnɔ ŋu ɖoa? Dzila aɖe gblɔ be: \"Mekpɔe be afɔku gbɔna, eye wòdzi ŋɔ ŋutɔ.\" Nukatae gbeɖoɖoɖi kaba akpa tsoa dzika ƒo na dzila geɖe ɖo?\nSeselelãme Manyomanyowo\nBeth, si xɔ ƒe 14 la fa konyi be: \"Dzinyelawo wɔe wòdze abe ɖe nane gblẽ le ame aɖe ƒe nya gbɔ lɔlɔ̃ ŋu ene.\" Gake ne dziwòlawo nye Kristotɔwo la, ke wonya nyuie be Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu be woƒe nu nanyo wo nɔewo ŋu. (Mose I, 2:18-23) Wonya be amenunyoameŋu sia le dzɔdzɔme nu, eye be ewɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me kple tame si mía Wɔla la ɖo be ameƒomea 'nayɔ anyigba la dzi.'—Mose I, 1:28.\nGakpe ɖe eŋu la, dziwòlawo nya alesi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu te ŋu sẽnae ne 'èkpɔtɔ nye sɔhɛ dzaa ko.' (Korintotɔwo I, 7:36) Wonya hã be mèkpɔ srɔ̃ alesi nàɖu dzodzro mawo dzi nyuie vɔ haɖe o. Ne èdze egɔme le nyɔnuvi alo ŋutsuvi gbɔ nɔm, ƒoa nu kplii le telefon dzi, alo ŋlɔa lɛta gɔ̃ hã nɛ alo ɖoa nyatakaka ɖee to kɔmpiuta dzi fũ akpa la, eƒe nu ate ŋu ava nyo ŋuwò. Ðewohĩ àbia be 'nukae gblẽ le nu ma ŋu nenema gbegbe?' Enyo, mɔ aɖe li si dzi nàto aɖi kɔ na dzodzro mawo le se nua? Èdzra ɖo ŋutɔŋutɔ alé seselelãme mawo me ɖe asi atsɔ ayi afisi wòkplɔa ame yinae—si nye srɔ̃ɖeɖe mea? Ðewohĩ mèdzra ɖo o.\nLododowo 6:27) Zi geɖe la, gbeɖoɖoɖi kaba akpa kplɔa ame dea gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me, eye wònaa sɔhɛwo te ŋu fɔa gbɔmeyafu eye wote ŋu xɔa nulɔdɔ. (Tesalonikatɔwo I, 4:4-6) Le kpɔɖeŋu me, esi sɔhɛ Tammy dzilawo meɖe mɔ nɛ be wòaɖo gbe ɖi o la, esusu be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o. Eyata ete gbeɖoɖoɖi kple ame aɖe dzaa le suku. Gake eteƒe medidi o Tammy fɔ fu—eye eƒe agbe trɔ. Eʋu nya me azɔ be: \"Gbeɖoɖoɖi mele abe alesi woƒoa nu tsoa eŋui ene kura o.\"Eyata gbeɖoɖoɖi kaba akpa kplɔa ame dea afɔku gãwo me. Biblia xlɔ̃ nu be: \"Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?\" (\nKe ne sɔhɛ kpɔ egbɔ pɛpɛpɛ be yeƒo asa na gododo masɔmasɔ kple amea ya ɖe? Ne ele nenema gɔ̃ hã la, afɔku li be woanyɔ lɔlɔ̃ ƒe seselelãme ɖe wo nɔewo me kaba akpa. (Hawo ƒe Ha 2:7) Dzodzro siwo ƒe geɖe megbe le etsɔme koe woate ŋu aɖi kɔ na le se nu nyɔnyɔ ɖe ame ɖokui me ate ŋu atɔtɔ ame eye wòakplɔ ame ade nɔnɔme wɔnublanui me.\nSusu bubu siwo ŋu nàde ŋugble le: Ðe nuteƒekpɔkpɔ geɖe su asiwò le agbe me ne nànya nusi ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo le amesi ava nye srɔ̃wò ŋu tututua? (Lododowo 1:4) Le go bubu me la, ɖe nɔnɔme kple dɔwɔna siwo hiã be woanɔ asiwò be nànye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si woalɔ̃ ahade bubu eŋu ŋutɔŋutɔ la le asiwò xoxoa? Ðe dzigbɔɖi kple tameɖoɖo kplikpaa si hiã be woate ŋu alé ƒomedodo me ɖe asi eteƒe nadidi la le asiwò nyateƒea? Mewɔ nuku o be ƒewuivi akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃kadodowo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko hewua enu kple vevesese. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe va nyea srɔ̃ɖeɖe si nɔa anyi ɣeyiɣi didi.\nEyata Monica si xɔ ƒe 18 ƒo nyaa ta nyuie ale: \"Xɔ̃nyewo katã le suku ƒoa nu tsoa wo xɔlɔ̃ ŋutsuwo ŋu nam. Gake srɔ̃ koe woɖe kaba evɔ wometsi o alo woƒe ƒomedodoa va wu enu kple vevesese elabena womesu te haɖe aɖe srɔ̃ o.\" Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Brandon hã gblɔ be: \"Ne èkpɔe be yemele klalo aɖe ame aɖe o gake esi nèɖo gbe ɖi ta èse le ɖokuiwò me be yemate ŋu aɖe ɖa le amea ŋu o la, edoa nuxaxa na ame ŋutɔ. Aleke nàwɔ aɖe ɖokuiwò ɖa le amea ŋu vevesese madomado nɛ?\"\nÐikeke mele eme o be esi dziwòlawo le dziwò zim be mègaɖo gbe ɖi o vaseɖe esime nàtsi ate ŋu ado srɔ̃ɖeŋugbe hafi la, ɖe wole agbagba dzem be yewoaɖe wò tso vevesese kple dzigbãnyawo me. Le nyateƒe me la, ɖeko wole nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me, si dze le Nyagblɔla 11:10 be: \"Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã.\"\n'Ame Ðokui Keke'\nGake esia mefia be màte ŋu ade ha kple ŋutsuvi alo nyɔnuvi kura o. Gake nukata wòle be nàde ha kple ame ɖeka ko? Biblia de dzi ƒo na mí le nya bubu aɖe me be 'míakeke mía ɖokui' le míaƒe hadedewo me. (Korintotɔwo II, 6:12, 13) Ema nye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe na sɔhɛwo. Mɔ siwo nu woate ŋu awɔ esia le dometɔ ɖekae nye be woade ha kple ŋutsuwo kple nyɔnuwo le ƒuƒoƒo me. Tammy gblɔ be: \"Mesusu be edoa dzidzɔ na ame wu ne míewɔe nenema. Enyo wu ne xɔlɔ̃wo sɔ gbɔ le asiwò.\" Monica gblɔ be: \"Hadede le ƒuƒoƒo me nye susu nyui aɖe elabena àkpɔ amewo ƒe nɔnɔme vovovowo eye ana nàkpɔe be ame geɖe li si mèkpɔ dze si haɖe o.\"\nÐewohĩ dziwòlawo alɔ̃ gɔ̃ hã be yewoakpe ɖe ŋuwò miawɔ ɖoɖo ado go kple sɔhɛ bubuwo ahado dzidzɔ na mia ɖokui. Anne, amesi si vi eve le ɖe nu me be: \"Míekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be dzidzɔ le míaƒe aƒeme, afisi ɖeviawo dina be yewoanɔ. Míekpea wo xɔlɔ̃wo vaa aƒea me, míenaa numeɖenuwo wo, eye míenaa wofea fefewo. Ewɔwɔ alea na be womesenɛ le wo ɖokui me be yewoado go ado dzidzɔ na yewo ɖokui o.\"\nGake le ƒuƒoƒo gɔ̃ hã me la, egahiã kokoko be nàkpɔ nyuie be màku ɖe ame ɖeka aɖe koŋ ŋu o. Sɔhɛ aɖewo susuna be zi alesi yewole ame bubuwo dome ko la, yewomele gbe ɖom ɖi ŋutɔŋutɔ o. Ƒo asa na ameɖokuibeble sia. (Psalmo 36:3) Ne èzɔna kple ame ɖeka ma ko ɣesiaɣi si mia kple xɔ̃wòwo miado go la, gbeɖoɖoɖie nye ema. * Dze agbagba nàzã nuŋububu nyui le xɔlɔ̃dzedze ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo me.—Timoteo I, 5:2.\nLala ƒe Asixɔxɔ\nMenyaxɔna bɔbɔe be woagblɔ na wò be mètsi aɖo gbe ɖi haɖe o. Gake menye ɖe dziwòlawo le didim be yewoawɔ nuvevi wò o. Ke boŋ agbagba dzemee wole be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋuwò ahakpɔ tawò. Eyata le esi teƒe be nàɖo dzi ɖe ɖokuiwò ŋu ahagbe woƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ la, nukatae màwɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋudɔ o? Le kpɔɖeŋu me, nukatae màbia woaɖo aɖaŋu na wò ɣesiaɣi si kuxi aɖe ado mo ɖa le wò nuwɔwɔ kple ŋutsuvi alo nyɔnuvi me ŋu o? Lododowo 28:26 ɖo ŋku nu dzi na mí be: \"Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae.\" Ðetugbi Connie gblɔ be: \"Ne ŋutsuvi aɖe lɔ̃ nye nya gbɔ la, nusi kpena ɖe ŋunye metsia tre ɖe gbeɖoɖoɖi ƒe nyaƒoɖeamenu ŋue nye nyaa gbɔgblɔ na danye. Egblɔa nusiwo dzɔ ɖe exɔlɔ̃wo kple ƒomea dzi le ɣeyiɣi siwo va yi me la nam. Ekpe ɖe ŋunye vavã.\"\nLala ɣeyiɣi aɖe megbe hafi aɖo gbe ɖi magblẽ nu le wò seselelãmewo ŋu alo wòaxɔ wò ablɔɖe le asiwò o. Esi mèxɔ ame tsitsiwo ƒe agbanɔamedzi si nye zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖe ƒu ɖokuiwò dzi o ta la, ablɔɖe anɔ asiwò 'nàkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime.' (Nyagblɔla 11:9) Lala ana nàkpɔ ɣeyiɣi atu nɔnɔme nyuiwo, tsitsinyenye, eye vevietɔ wu la, wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo. (Konyifahawo 3:26, 27) Abe alesi sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔe ene la, \"ele be nàku ɖe Yehowa ŋu gbã hafi aku ɖe ame bubu ɖesiaɖe ŋu.\"\nNe èle tsitsim eye wò ŋgɔgbedede dze amesiame kpɔ la, dziwòlawo atsɔ nukpɔsusu bubu akpɔ wòe azɔ. (Timoteo I, 4:15) Eye ne èsu te aɖo gbe ɖi la, ɖikeke mele eme o be womatsi tre ɖe eŋu o.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.\n^ mm. 17 Ne èhiã nyatakaka bubu kpee la, ke kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, axa 232-3.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]\nKuku ɖe nyɔnuvi alo ŋutsuvi aɖe ŋu atsɔ beléle tɔxɛ anɔ enam . . .\n. . . anyɔ lɔlɔ̃ ƒe seselelãme ɖe mewò godoo\n[Nɔnɔmetata si le axa 30]\nLe esi teƒe be nàtsɔ ɖe le ame ɖeka aɖe ko me la, keke wò xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe enu boŋ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010208\/Ne-Dzinyelawo-Susu-Be-Nyemetsi-A%C9%96o-Gbe-%C3%90i-O-%C3%90e\/","date":"2023-12-09T22:18:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100972.58\/warc\/CC-MAIN-20231209202131-20231209232131-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986444116,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986444115638733}","num_words":1572,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Wò Nufiafia Ðea Kpea?\nDZILAWO, hamemegãwo, nyanyuigbeƒãɖelawo—wodi tso wo katã si be woanye nufialawo. Dzilawo fiaa nu wo viwo, hamemegãwo fiaa nu Kristo-hamea me tɔwo, eye nyanyuigbeƒãɖelawo fiaa nu ɖetsɔlemetɔ yeyewo. (Mose V, 6: 6, 7; Mateo 28:19, 20; Timoteo I, 4: 13, 16) Nukae nàte ŋu awɔ be wò nufiafia naɖe kpe wu? Ðekae nye be, àte ŋu asrɔ̃ nufiala bibi siwo woyɔ le Mawu ƒe Nya la me ƒe kpɔɖeŋu kple mɔnu si wozã. Ezra nye nufiala siawo dometɔ ɖeka.\nEzra ƒe Kpɔɖeŋua Sɔsrɔ̃\nEzra nye nunɔla si tso Aron ƒe ƒomea me, amesi nɔ Babilon ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi. Le ƒe 468 D.M.Ŋ. me la, eyi Yerusalem be yeado tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ le Yudatɔ siwo nɔ afima la dome. (Ezra 7:1, 6, 12, 13) Agbanɔamedzi sia bia be wòafia Mawu ƒe Sea ameawo. Nukae Ezra wɔ tsɔ kpɔ egbɔ be yeƒe nufiafia ɖe kpe? Eɖe afɔ vovovo siwo hiã. De dzesi afɔɖeɖe siawo siwo woŋlɔ ɖe Ezra 7:10:\n'Ezra ŋutɔ [1] dzra eƒe dzi ɖo, [2] bene yeadzro Yehowa ƒe se la me, [3] bene yeawɔ edzi, eye [4] bene yeafia ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye le Israel.' Mina míadzro afɔɖeɖe siawo dometɔ ɖesiaɖe me kpuie ne míakpɔ nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.\n'Ezra Ŋutɔ Dzra Eƒe Dzi Ðo'\nAbe alesi agbledela zãa kodzi tsɔ dzraa anyigba ɖo gbã hafi ƒãa nu la, nenema ke Ezra tsɔ gbedodoɖa dzra eƒe dzi ɖo be yeaxɔ Mawu ƒe nya. (Ezra 10:1) Ne míagblɔe bubui la, 'ebi eƒe dzi' ɖe Yehowa ƒe nufiafia ŋu.—Lododowo 2:2.\nLe mɔ ma ke nu la, Biblia gblɔ be Fia Yosafat 'dzra eƒe dzi ɖo be yeadi nyateƒe Mawu la.' (Kronika II, 19:3) To vovo na ema la, woɖɔ Israel-ƒome 'si medzra woƒe dzi ɖo o' la be \"ƒome sẽto dzeaglã.\" (Psalmo 78:8) Yehowa kpɔa \"dzime ƒe ame ɣaɣla.\" (Petro I, 3:4) Ẽ, \"afia eƒe mɔ ame fafawo.\" (Psalmo 25:9, NW ) Eyata aleke gbegbe wòle vevie be nufiala siwo li egbea nasrɔ̃ Ezra ƒe kpɔɖeŋu, ahadzra woƒe dzi ɖo wòanɔ nɔnɔme nyui me gbã to gbedodoɖa me enye si!\n'Bene Yeadzro Yehowa ƒe Se la Me'\nBe Ezra nanye nufiala bibi la, edzro Mawu ƒe Nya la me. Ne wòahiã be nàyi ɖɔkta aɖe gbɔ hena dɔdada la, ɖe màke to nyuie ahaka ɖe edzi be yese nya siwo katã gblɔm wòle la gɔme alo yese atike siwo wòna ye ŋuti mɔfiafia gɔme nyuie oa? Ðikeke mele eme o be àwɔe nenema, elabena wò lãmesẽ ɖo afɔku me. Eyata aleke gbegbe wòhiã geɖe wu enye esi be míaɖo to nya siwo gblɔm Yehowa le na mí, alo mɔfiame siwo nam wòle mí to eƒe Nya Biblia, kple \"dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" la dzi. Ne èbu eŋu kpɔ la, míaƒe agbe ŋue eƒe nuxlɔ̃menyawo ku ɖo! (Mateo 4:4; 24:45-47) Enye nyateƒenya be ɖɔkta ate ŋu awɔ vodada, gake 'Yehowa ƒe se ya de blibo.' (Psalmo 19:8) Mahiã gbeɖe be míadi ame evelia aɖe ƒe nukpɔsusu akpe etɔ o.\nBiblia-gbalẽ siwo nye Kronika (si Ezra ŋlɔ do ŋgɔ wònye babla ɖeka) ɖee fia be Ezra nye amesi srɔ̃a nu vevie. Hafi wòaŋlɔ agbalẽ mawo la, ewɔ numekuku tso teƒe geɖe. * Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon eteƒe medidi o la hiã woƒe dukɔa ƒe ŋutinya ŋuti nuŋlɔɖi. Womenya nu tso woƒe mawusubɔsubɔ ŋuti ɖoɖowo, gbedoxɔa me subɔsubɔdɔ, kple Lewitɔwo ƒe dɔdasiawo ŋu boo o. Woƒe dzidzime ŋuti nuŋlɔɖiwo nyanya nɔ vevie na wo ale gbegbe. Nya mawo nɔ vevie na Ezra etɔxɛe. Vaseɖe esime Mesia la nava la, ele be Yudatɔwo nanye dukɔ ɖeka si le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, si si gbedoxɔ, nunɔlawo ƒe ha, kple mɔmefia le. Dzidzɔtɔe la, nyatakaka siwo Ezra ƒo ƒu awɔe be woate ŋu akpɔ ɖekawɔwɔ kple nyateƒe tadedeagua ta.\nAleke nèsrɔ̃a nu ne wotsɔe sɔ kple Ezra tɔ? Biblia la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe akpe ɖe ŋuwò nàfia Biblia wòaɖe kpe.\n'Midzro Mawu ƒe Se la Me' abe Ƒome Ene\nMenye ɖokuisinusɔsrɔ̃ koe nye Yehowa ƒe sea me dzodzro o. Ƒomenusɔsrɔ̃ hã nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si me woate ŋu awɔ esia le.\nJan kple Julia siwo nye srɔ̃tɔwo le Netherlands, te nuxexlẽ na wo viŋutsuvi eve tso ŋkeke si dzi wodzi ɖeviawo. Egbea, Ivo xɔ ƒe 15 eye Edo xɔ ƒe 14. Wokpɔtɔ wɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Jan ɖe eme be: \"Menye alesi míadzro nyati agbɔsɔsɔ gbogbo aɖe me enye míaƒe taɖodzinu ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ alesi ŋutsuviawo ase nyati si me dzrom míele la mee.\" Egblɔ kpee be: \"Ŋutsuviawo wɔa numekuku geɖe. Wowɔa nya yeyewo kple Biblia me mewo—ɣeyiɣi si wonɔ anyi, amesi ƒomevi wonye, dɔ si wowɔ, kple bubuawo ŋuti numekuku. Tso esime wosrɔ̃ nuxexlẽ la, wowɔa numekuku le agbalẽwo abe Insight on the Scriptures, nyagɔmeɖegbalẽwo, kple numekugbalẽwo ene me. Esia wɔnɛ be ƒomenusɔsrɔ̃a vivia mía nu wu. Ŋutsuviawo nɔa dzadzraɖoɖi eye wonɔa klalo na nusɔsrɔ̃a ɣesiaɣi.\" Viɖe bubu enye be, fifia ŋutsuvi evea siaa ƒe gbegbɔgblɔ sɔsrɔ̃ ŋutetewo yi ŋgɔ wu woƒe sukuxɔmeviwo tɔ gɔ̃ hã.\nJohn kple Tini, siwo hã nye srɔ̃tɔwo le Netherlands, srɔ̃ nu kple wo viŋutsu Esli (si xɔ ƒe 24 fifia eye wòle mɔɖeɖedɔa wɔm le hame bubu me), kple wo vinyɔnu Linda (si xɔ ƒe 20 eye wònye nɔviŋutsu nyui aɖe srɔ̃ fifia). Gake, le esi teƒe be woasrɔ̃ agbalẽ aɖe to nyabiabia kple ŋuɖoɖowo ƒe mɔnua dzi la, wotrɔ ƒomenusɔsrɔ̃a wòsɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ kple nuhiahiãwo nu. Mɔnu kae wozã?\nJohn ɖe eme be ŋutsuvia kple nyɔnuvia tiana nyati aɖe si do dzidzɔ na wo tso \"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\" (tso Gbetakpɔxɔ me) kple \"Biblia ƒe Nukpɔsusu\" (tso Nyɔ! me). Emegbe, wotsɔa nya siwo ŋu woke ɖo la ɖoa ƒomea ŋkume, si wɔnɛ be ƒomenusɔsrɔ̃a nyea dzidzɔ ɣesiaɣi. Le mɔ sia nu la, ɖeviawo va bi ɖe numekukuwɔwɔ kple nusiwo wokpɔ la me dzodzro kple ame bubuwo me. 'Èdzroa Yehowa ƒe se' la me kple viwòwoa? Menye wò ŋutɔ wò nufiafiaŋutete koe anyo ɖe edzi o, ke akpe ɖe viwòwo hã ŋu woazu nufiala bibiwo.\n'Bene Yeawɔ Edzi'\nEzra tsɔ nusiwo wòsrɔ̃ wɔ dɔe. Le kpɔɖeŋu me, anye be nuwo dze edzi nɛ esime wònɔ Babilon. Ke hã esi wòkpɔ be yeate ŋu akpe ɖe yeƒe amewo ŋu le duta la, etsɔ nudzedziname gbenɔnɔ le Babilon ɖɔli Yerusalem-du si gbɔ didi, togbɔ be enyae be yeado go nɔnɔme madeamedziwo, kuxiwo, kple afɔkuwo gake. Edze ƒã be menye Biblia me sidzedze ko dim Ezra nɔ o, ke boŋ enɔ klalo be yeawɔ ɖe nusiwo yesrɔ̃ dzi hã.—Timoteo I, 3:13.\nEmegbe esi Ezra nɔ Yerusalem la, eɖee fia hã be yewɔa nusiwo yesrɔ̃ henɔ fiafiam la dzi. Esia dze ƒã esi wòse be Israel-ŋutsuwo nɔ nyɔnu trɔ̃subɔlawo ɖem. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be 'edze eƒe awu kple awu ʋlaya, enyɔ eƒe taɖa eƒe ge eye wòbɔbɔ nɔ anyi de kɔ to vaseɖe fiẽ.' 'Ŋu kpee gɔ̃ hã be wòawu mo dzi' na Yehowa.—Ezra 9:1-6.\nAleke gbegbe alesi wòsrɔ̃ Mawu ƒe Sea kpɔ ŋusẽ ɖe edzii nye esi! Ezra nya nu dziŋɔ siwo ameawo ƒe tomaɖomaɖo ahe vɛ la nyuie. Ame ʋɛ aɖewo koe Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la nye. Ne wote srɔ̃ɖeɖe tso dukɔwo dome la, woava tsaka kple trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la mlɔeba, eye subɔsubɔ dzadzɛ ate ŋu abu keŋkeŋ le anyigba dzi!\nDzidzɔtɔe la, Ezra ƒe vɔvɔ̃ deto kple dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo la ʋã Israel-viwo woɖɔ woƒe mɔwo ɖo. Woɖe asi le duta-nyɔnu siwo woɖe la ŋu. Le ɣleti etɔ̃ me la, wowɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã la katã. Ezra ŋutɔ ƒe nuteƒewɔwɔ le Mawu ƒe Sea dzi wɔwɔ me wɔe be eƒe nufiafia ɖe kpe ŋutɔ.\nNenema ke wòle egbea hã. Vifofo Kristotɔ aɖe gblɔ be: \"Menye nya siwo nègblɔ na ɖeviwo dzie wowɔna o; ke boŋ nusiwo nèwɔna wokpɔnae woawo hã wɔna!\" Nenema ke wòdzɔna le Kristo-hamea hã me. Hamemegã siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ate ŋu akpɔ mɔ be hamea me tɔwo awɔ ɖe yewo ƒe nufiafiawo dzi.\n'Bene Yeafia Ðoɖowo Kple Dzɔdzɔenyenye le Israel'\nSusu bubu gali si ta Ezra ƒe nufiafia ɖe kpe ɖo. Mefia eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo o, ke boŋ efia 'ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye.' Emawoe nye Yehowa ƒe ɖoɖowo alo sewo. Eƒe nunɔlanyenye ƒe agbanɔamedzie esia nye. (Maleaxi 2:7) Efia dzɔdzɔenyenye hã, eye wòɖo kpɔɖeŋu ɖi to wɔwɔ ɖe nusi wòfiana dzi to eɖoɖo kplikpaa be yeawɔ nusi sɔ hedzɔ le dzidzenu si woɖo ɖi la nu. Ne amesiwo le ŋusẽnɔƒe ɖe dzɔdzɔenyenye fia la, enana be kelili nɔa anyi, eye wòɖea vi ɖaa. (Lododowo 29:4) Nenema ke Kristotɔ hamemegãwo, dzilawo, kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo srɔ̃a Mawu ƒe Nya la nyuie ana gbɔgbɔmekelili nanɔ anyi ne wole Yehowa ƒe ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye fiam le hamea me, le woƒe ƒomewo me, kple ne wole wo fiam ɖetsɔlemetɔwo.\nÐe mèlɔ̃ ɖe edzi be wò nufiafia aɖe kpe wu ne èsrɔ̃ nuteƒewɔla Ezra ƒe kpɔɖeŋua bliboe oa? Eyata, 'dzra wò dzi ɖo, dzro Yehowa ƒe se la me, wɔ edzi, eye fia Yehowa ƒe ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye.'—Ezra 7:10.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 11 Woate ŋu akpɔ nyatakaka siawo tsoƒe 20 sɔŋ le agbalẽ si nye Insight on the Scriptures, Volume 1, axa 444-5, si Yehowa Ðasefowo ta me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 22]\nNUKAE NA EZRA ƑE NUFIAFIA ÐE KPE?\n1. Edzra eƒe dzi ɖo wònɔ nɔnɔme nyui me\n2. Edzro Yehowa ƒe Se la me\n3. Eɖo nusiwo wòsrɔ̃ dzi wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui\n4. Esrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo vevie, dee dɔwɔwɔ me eye wòfiae amewo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020701\/%C3%90e-W%C3%B2-Nufiafia-%C3%90ea-Kpea\/","date":"2023-12-08T18:18:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100769.54\/warc\/CC-MAIN-20231208180539-20231208210539-00418.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990961552,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999096155166626}","num_words":1513,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"VINƆKƆ AKPALU\nEʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ\nVinɔkɔ Akpalu lae nye papa tsitsi si le ketea me\nHakpanya viviwo le Eʋeawo si. Wodzia ha siawo le azãɖuƒewo, kuteƒewo kple wɔna vevi bubuwo me.\nEʋeawo mefena le hakpanyawo ŋuti kura o, eye wodea asixɔxɔ hakpanyaŋlɔlawo hã ŋuti ŋutɔ.\nTogbɔ be hakpanyaŋlɔlawo de ha le Eʋenyigba dzi hã la, hakpanyaŋlɔla ɖeka aɖe ya ƒo wo katã ta: Eyae nye Vinɔkɔ Akpalu. Míagblɔ eƒe agbemenya vi aɖe ko ne nàse.\nWodzi Vinɔkɔ Akpalu\nWodzi Vinɔkɔ Akpalu le ƒe 1888 me lɔƒo le Tsiame si te ɖe Anyako ŋu le Volta Nutome. Akpalu fofo ŋkɔe nye Kpodo Ahiamadi. Aƒetɔ Ahiamadi nɔ Fiaxo, si didi kilometa 10 tso Aŋlɔgã gbɔ. Dadaa Ehi, ya nye Anyakovi dzidzi, eye eya hã nɔ ƒukpo bubu aɖe dzi.\nWodzi Akpalu le nɔnɔme madeamedziwo me. Eƒo nu tso nya siawo ŋuti le eƒe hakpanyawo dometɔ ɖeka me. Ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na edzidzi la, aʋa dzɔ le Anyako. Abe ale si wònɔna le ŋkeke mawo me ene la, futɔ siwo nye Europatɔwo do ŋɔdzi na Anyakotɔwo be yewoatɔ dzo woƒe dua. Eya ta eva hiã be Anyakotɔwo nasi. Akpalu dada, si fɔ fu ɣleti adee nye ema la, si dzo le Anyako yi Tsiame, afi si wòdzi Akpalu le.\nAkpalu Fofo Ƒe Asitsatsa\nAƒetɔ Kpodo Ahiamadi, Akpalu fofo, nye asitsala. Etsɔa adzɔnuwo abe atama, aha, tu, ɖu kple avɔ ene yia Eʋenyigba ƒe dzigbenutowo me. Ne etrɔ gbɔna la, eƒlea rɔba kple detsiƒonu va dzrana. Enɔ asitsatsa sia dzi ƒe geɖe. Esi wònye be asitsatsa dea ame dzi ɣemaɣi wu agbledede ta la, aƒetɔ Kpodo metsi dzi kura ɖe anyigbaƒeƒle ŋu o. Esia va de via ŋutsu Akpalu fukpekpe geɖe me emegbe.\nAkpalu Ƒe Ayaɖuɖuwo\nEsi Akpalu fofo nye asitsala kple mɔzɔla ta la, eya ŋutɔ mete ŋu he via o. Wogblẽ Akpalu ɖe dadaa kple eƒe ƒometɔwo gbɔ. Dadaa ku esime wònye ŋutsuvi dzaa ko, eye wòva tsi eƒe ƒometɔ aɖe si me. Ƒometɔ sia sẽ ŋuta le Akpalu ŋu ale gbegbe be ɖeko wòva si dzo le egbɔ.\nƔeaɖewoɣi la, etsia dɔmeɣi. Awu ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Togbɔ be ele nenema hã la, wozi edzi wòwɔa dɔ sesẽ le aƒea me wu ɖevi bubuawo. Nyateƒee, wosẽ ŋuta le eŋu ale gbegbe be eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui eye wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le hakpanyawo me.\nAkpalu Zu Hakpanyaŋlɔla\nKaka Akpalu naxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la, ezu hakpanyaŋlɔla kple hafiala. Zi geɖe la, eƒoa ɖeviwo nu ƒu le ƒuta hefiaa hadzidzi wo. Eteƒe medidi o, eƒe nuwɔna sia he ame tsitsiwo ƒe susu. Gake eƒe hadzidziwo to vovo na ʋuƒoƒo kple haƒoƒo siwo katã nɔ anyi ɣemaɣi.\nEva trɔ asi le eƒe hawo ŋuti ale be woate ŋu aƒo ame tsitsiwo ƒe ʋu si woyɔna ɣemaɣi be Atigo alo Dekɔ la ɖe wo dzi. Ɣemaɣi la, melɔ̃ ɖe edzi gbã be ye ŋutɔe ŋlɔ yeƒe hakpanyawo o. Ɖe wògblɔ boŋ be ye fo si dzia haawo la tɔe, elabena woxɔe se be hakpanyaŋlɔlawo ƒe agbe va wua enu ɖe fukpekpe me godoo. Eya ta be ame nagblɔ be yenye hakpanyaŋlɔla la, efia be ele eƒe agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ dem afɔku me. Gake emegbe la, eva lɔ̃ ɖe edzi bliboe be ye ŋutɔ kpa haawo, be nu si be yeadzɔ ko nedzɔ.\nAkpalu ɖe srɔ̃ zi ade gake medze edzi o. Srɔ̃nyɔnuawo dometɔ aɖewo gblẽe ɖi le vimadzimadzi ta; bubuwo hã ku. Via nyɔnu ɖeka kolia si wodzi nɛ le eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me hã va ku emegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/category\/nusr%C9%94%CC%83%C6%92e\/amegbet%C9%94wo\/","date":"2024-03-05T14:50:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00061.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981421828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981421828269958}","num_words":578,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Todzimɔ dzi Hadzidzi. David ƒe ha. 131 Oo Yehowa, dada mele nye dzi me o,Eye nyemeto ŋku gã hã o;+Nyemekplɔ nu gã nu gãwo ɖo loo,+Alo kplɔ nu siwo gbɔ nye ŋutete ŋu la ɖo o. 2 Kura o, ke boŋ mena nye luʋɔ dze akɔ anyi eye wòli kpoo,*+Abe ɖevi si wotso no na, si le dadaa gbɔ ene;Nye dzi dze eme,* abe vi si wotso no na ene. 3 Israel nekpɔ Yehowa sinu+Tso fifia yi mavɔmavɔ me.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Nye luʋɔ ƒe dzi dze eme.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/131\/","date":"2024-03-03T21:31:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476399.55\/warc\/CC-MAIN-20240303210414-20240304000414-00631.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964134693,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964134693145752}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bubumewo Ƒe Kete La!\nAvɔlɔ̃la ƒe afɔ eveawo le anyi yim le gbɔgbɔm. Ka aɖewo to eƒe afɔbidɛwo me wòtsɔ le avɔkawo hem le dzi yim le gbɔgbɔm. Kaka nàkpɔ la, elɔ̃ avɔ nyui aɖe si le atsyɔ̃ blibo me. Eƒe amadedewo nya kpɔ eteƒe mekɔ o. Ɛ̃, bubumewo ƒe avɔ lɔ̃m wòle! Avɔ mae woyɔna be kete alo kente.\nAfi kae kete alo kente lɔlɔ̃ dzɔ tso? Ame kawoe zãa avɔ sia egbea? Le nyati sia me la, míatee kpɔ be míakpɔ afi si kete dzɔ tso, ame siwo zãnɛ le gɔmedzedzea me kple ame siwo va le ezãm egbea.\nAfi Si Kete Dzɔ Tso\nXotutu aɖewo gblɔ be Asanteawoe dze ketelɔlɔ̃ gɔme. Wotua xo be Kurugu kple Ameyaw siwo nye nɔvi eve aɖewo le kɔƒe si woyɔna be Bonwire me la yi adegbe gbe ɖeka le ŋdɔ aɖe me. Le gbea me la, wokpɔ Yiyi alo Yevigolotoe wòle yiyiɖɔ lɔ̃m. Yiyiɖɔ la nya kpɔ na wo ale gbegbe be woɖoe be yewo hã yewoawɔ etɔgbi. Esi wotrɔ yi aƒe me la, wotsɔ ka yibɔ kple ɣi lɔ̃ avɔ si wova na ŋkɔ be kete.\nEvɔ ne èva Eʋenyigba dzi la, woagblɔ na wò be edzɔ tso Eʋeawo gbɔ. Woawo hã woagblɔ xotutu ma tɔgbi ke na wò be Eʋevi aɖewoe yi adegbe le Agɔtime ɖakpɔ Yiyi ƒe nuwɔna ma teƒe. Eya ta míate ŋu agblɔ afi si tututu ketelɔlɔ̃ dzɔ tso kple kakaɖedzi o. Nu si ko míenyae nye be nuto eve siwo woyɔna le xotutu mawo me Bonwire kple Agɔtime gakpɔtɔ xɔ ŋkɔ kokoko le ketelɔlɔ̃ me.\nAɖaŋudɔ Aɖe Ŋutɔe Ketelɔlɔ̃ Nye\nKetelɔ̃la tsɔ ɖeti, seda kple nu bubuwo trea ka siwo wòatsɔ alɔ̃ avɔbɛwoe. Avɔbɛwoe nye avɔ lebelebe siwo wova kpena wòzua avɔ blibo.\nLe nuto aɖewo me la, wodea goma ɖetia hesianɛ. Ne eƒu la, woxatsanɛ ɖe ʋumedi suesuewo ŋu. Wodea goma ɖetikɛ la be wòasesẽ na elɔlɔ̃. Wotsiãa ɖetikɛawo eye wodenɛ xa me. Ne wode ɖetikɛwo xa me vɔ la, wodenɛ agbati me hedzea elɔlɔ̃ gɔme. Avɔlɔ̃la dzea agbagba wɔa dzesi si wòdi la ɖe avɔbɛ la me. Avɔlɔ̃la sẽa avɔbɛawo eye wòtɔnɛ wòzua avɔ tata blibo.\nAle Si Kete Dzroa Amewoe\nƑe alafa geɖe va yi la, Ɣetoɖoƒe Afrika fiawo ɖu anyigba si dzi tomenu xɔasiwo bɔ ɖo, si Europatɔ anyigbadilawo yɔ be Sikaƒuta la dzi. Afi siae wokua sika gbogbo aɖe le na Asanti-fiawo kple woƒe fiaƒomewo si na wozua hotsuitɔwo. Wotsɔa sikanu xɔasiwo kple avɔ siwo wolɔ̃ etɔxɛe ɖoa atsyɔ̃e na fiagã siawo kple fia siwo le wo te tsɔ ɖea woƒe hokpɔkpɔ, ŋusẽ, kple amegãnyenye fiana le wo teviwo ŋkume. Wova tsɔ ŋkɔ na avɔ tɔxɛ si fiawo tana be kete. Ɖewohĩ Twigbe me nya si nye kɛntɛn si fia kusi le Eʋegbe mee wowɔnɛ, elabe avɔ sia lɔlɔ̃ ɖi kusilɔlɔ̃. Gbe bubu dolawo hã lɔ̃a avɔ sia le Ɣetoɖoƒe Afrika. Le Asante-fiawo gome la, kete va zu dzesi tɔxɛ si le tsitre ɖi na amegãnyenye kple fianyenye.\nWomeɖe mɔ le fiawo ƒe kete ƒe atsyã nyui lɔlɔ̃ ŋu na ame sia ame o. Woɖo fiawo ƒe avɔlɔ̃la bibiwo ƒe ƒuƒoƒo ɖi be woalɔ̃ avɔ xɔasi siawo. Wokpɔa kete siawo ƒomeviwo lɔlɔ̃ ta be wòanɔ ɣaɣla. Wode se na avɔlɔ̃la bubuwo katã be womegalɔ̃ atsyã siwo wolɔ̃na na fiawo kple fiaŋumewo ɖeɖe ko la na ame bubu aɖeke o. Fia la dzraa avɔ alafa geɖe ɖo, ɖe sia ɖe kple ale si wolɔ̃e kple eƒe atsyã tɔxɛ. Le kɔnu nu la, fia metaa avɔ ɖeka tɔgbi le dutoƒo ɣesiaɣi o.\nKete Ƒe Amadedewo Didi\nLe ƒe alafa 16 lia me la, avɔ ƒomevi bubuwo te dodo le Ɣetoɖoƒe Afrika. Womelɔ̃ avɔ yeye siawo le Afrikatɔwo ƒe agbati dzi o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzie wowɔe le. Europatɔ ƒudzimɔzɔla siwo nɔ nyiɖu, sika, kple kluviwo dim lae tsɔ avɔ siawo va Afrika. Ka siwo le amadede dzeani vovovo mee wotsɔ lɔ̃ dutavɔ siawoe. Eteƒe medidi o, dutavɔ siwo wolɔ̃ kple ka dzẽ, aŋutiɖiɖi, kple gbemu va zu adzɔnu vevi aɖe le asitsatsa me. Ame ʋɛ aɖewo ko sie ga le be woate ŋu aƒle avɔ xɔasi siawo tso Europatɔ asitsalawo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me le Sikaƒuta la, Asanteawo ƒe kesinɔtɔ siwo kpɔa sika, nyiɖu, kple kluviwo koe tea ŋu ƒlea wo. Gake menye avɔae nye nu si dim wole o.\nNe avɔa nya ka avɔlɔ̃lawo si ko la, wotsɔa dzigbɔɖi tua ka dzeaniawo eye wogblẽa avɔa ƒe akpa susɔea ɖi. Emegbe wogbugbɔ lɔ̃a ka xɔasi siawo le fiavɔlɔ̃lawo ƒe agbatiwo dzi. Esi woƒe amadede vovovoawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, nenema kee atsyã siwo asinudɔwɔlawo wɔna hã nɔ nyonyom ɖe edzi. Esia na be woƒe avɔlɔlɔ̃ gava nyo sãsãsã wu tsã.\nWotaa tɔmelã, xevi, atikutsetse, aŋgba, ɣeɖoto, anyieʋɔ, kple dzɔdzɔmenu siwo nya kpɔna la ɖe avɔawo me. Gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu na wo. Avɔ siwo me wolɔ̃ ka si le abe sika ene ɖo la le tsitre ɖi na hokpɔkpɔ, gbemua hea susu yia nu yeye dzi, yibɔa le tsitre ɖi na blanuiléle, dzĩa fia dziku, eye klosaloa le tsitre ɖi na dzadzɛnyenye kple dzidzɔ.\nKete Si Li Egbea\nEsi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, fia sesẽwo ƒe ŋusẽ va nɔ to yim. Megava hiã be woade vovototo avɔ si fiawo zãna kple esi dumevi dzrowo zãna dome o. Avɔ dzeani sia ƒlelawo va dzi ɖe edzi esime wova te ezazã le wɔna dzrowo me. Esi wova lɔ̃a kete kabakaba be woakpɔ avɔ geɖe wu na amewo ta la, eƒe atsyɔ̃ɖoɖo, nyonyo kple asixɔxɔ dzi va ɖe kpɔtɔ.\nEgbea wolɔ̃a kete akpa gãtɔ kple ka siwo menye akuakuawo o. Wotsɔa ketevɔ tɔa akplowo, kɔmeblanu, alidziblanuwo, kukuwo kple nudodo bubuwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Avɔlɔ̃la ʋɛ aɖewo koe gawɔa ketelɔlɔ̃ ƒe mɔnu si wozãna le blema la ŋu dɔ. Wobua kete akuaku xoxoa kesinɔnui fifia eye wònye domenyinu na dzidzimeviwo le ƒomea me. Nyateƒee, kete nyuitɔ si wolɔ̃ le agbati dzi siwo wobuna fiawo ƒe avɔe tsã la megale nenema egbea o.\nEya ta ne èbe yeaƒle kete la, lé ŋku ɖe eŋu nyuie, nya du si me nàdɔe le, ɖewohĩ àdi be yeadɔe tso Bonwire, alo Agɔtime loo alo Agbozume. Elabe woxɔ ŋkɔ ŋutɔ le ketelɔlɔ̃ me. Gake kpɔ nyuie, ke ŋku, eye nàƒle kete adodoea, elabena bubumewo ƒe avɔe wònye tsã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/bubumewo-%C6%92e-kete-la\/","date":"2024-03-05T15:15:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00736.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972034097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972034096717834}","num_words":1039,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le atikpo si le dzogoe etɔ̃ me ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nX\n- Truss ƒe didime\nY\n- Truss ƒe Kɔkɔme\nZ\n- Beam ƒe titrime\nW\n- Beam ƒe kekeme\nS\n- ame siwo le tsitrenu ƒe xexlẽme\nP\n- Podkosy ƒe nyawo\nN\n- fia akpaa ƒe xexlẽdzesiwo\nNusiwo wotsɔ wɔa xɔtunu sesẽ siwo le dzogoe etɔ̃ me ye le ati ƒe xɔtunu me.\nAtiglinyi ƒe kɔkɔme si wokafu be wòanye span ƒe didime ƒe alafa memama 20 ya teti.\nÐoɖowɔɖia abu akɔnta le nuwo ƒe agbɔsɔsɔ si hiã ŋu, aɖe agblea ƒe nɔnɔmetatawo kple akpaawo ƒe lolome siwo hiã la afia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/wooden_truss\/","date":"2024-02-28T02:33:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474690.22\/warc\/CC-MAIN-20240228012542-20240228042542-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998366237,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998366236686707}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.313,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ehiã Be Woaɖe Mí!\nTSI ɖe tomekakuƒe aɖe si te ɖe Pittsburgh ŋu, le Pennsylvania, U.S.A., le vo me. Tomenukula asieke ɖatsi teƒe xaxɛ aɖe le toa me, afi si yi to meta 73 sɔŋ, si tsia mede o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖe wo va go ta dedie. Alekee wowɔ ɖe wo?\nTo tomenukuƒea ƒe anyigbatata kple mɔ̃ si xɔa mɔfiame tso yamenutomemɔ̃ si ƒoa xlã anyigbaa gbɔ ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, ame siwo ɖe wo la ɖe do si ƒe kekeme nye sentimeta 65 yi ɖe toa me ʋĩ heɖiɖi gadza lɔbɔe aɖe ɖo ɖe wo. Gadza siae wotsɔ ɖe tomenukula siawo do go ɖekaɖeka tso teƒe xaxɛ ma, si azu woƒe yɔdo hafi la, va go ta. Dzi dzɔ wo katã, woƒe dzi dze eme, eye woda akpe geɖe ɖe woƒe ɖeɖea ta.\nÐewohĩ madzɔ be mía dometɔ akpa gãtɔ nava xaxa ɖe to me abe tomekakula asieke mawo ene, alo ku naʋẽ ɖe mí le afɔku dziŋɔ aɖe me, gbeɖe ya o. Ke hã, ehiã be woaɖe mí katã, elabena mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le dɔléle, amegãkuku, kple ku nu o. Blemafofo wɔnuteƒe Hiob, gblɔ be: \"Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.\" (Hiob 14:1, 2) Egbea, si nye ƒe 3,500 kloe tso esime wògblɔ nya siawo gɔ̃ hã la, wogakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, elabena mía dometɔ kae ate ŋu asi le agbe ƒe nuwuwu wɔnublanui, si nye ku, la nu? Afi ka kee míeɖale o, alo aleke kee míeɖakpɔa míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie o, ehiã be woaɖe mí tso fukpekpe, amegãkuku, kple ku si me.\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ame bubuwo le agbagba dzem vevie be yewoana amegbetɔ ƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi wu ale si wòle fifia. Numekuha aɖe gblɔ be yewoƒe taɖodzinue nye \"be yewoaɖu ku ƒe ametsɔtsrɔ̃ yakatsyɔ\" dzi, eye \"be yewoakpe ɖe habɔbɔa me tɔwo ŋu woakpɔ dzidzedze le agbagba si dzem wole be amegbetɔ nagaku gbeɖe o la me.\" Gake va se ɖe fifia la, womete ŋu to dzɔdzɔmeŋutinunya deŋgɔwo kple didi vevie si le wo me be yewoakpɔ dzidzedze la dzi na amegbetɔ ƒe agbenɔƒe didi wu ƒe 70 alo 80 siwo ŋu Mose ƒo nu tso anye ƒe 3,500 sɔŋue nye esia la o.—Psalmo 90:10.\nÈɖalɔ̃ ɖe Hiob ƒe nyawo dzi alo mèlɔ̃ ɖe wo dzi o, ne ƒewo nya va le yiyim ko la, ɖikeke meli o be wò hã 'nuwò ava yi abe vɔvɔli ene,' àgblẽ xɔ̃wòwo, ƒowòmetɔwo, wò aƒe, kple nu siwo katã nète ŋu wɔ la ɖi, eye nuwò ayi le ku me. Blema Israel fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: \"Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.\"—Nyagblɔla 9:5.\nNyateƒenya wɔnublanui si Biblia ɖe ɖe goe nye be \"ku ɖu fia\" ɖe amegbetɔƒomea dzi abe ŋutasẽdziɖula ene. Ɛ̃, kue nye futɔ mamlɛtɔ si si me wòhiã be woaɖe amegbetɔƒomea tso. (Romatɔwo 5:14; 1 Korintotɔwo 15:26) Ameɖela siwo xɔ hehe nyuitɔ kekeake le xexea me, siwo si dɔwɔnu nyuitɔ kekeake le la gɔ̃ hã mate ŋu aɖe wò tso ku si me zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu gbeɖe o. Gake ɖeɖe ma tututu ƒe ɖoɖoe Amegbetɔwɔla, Yehowa Mawu, ya wɔ.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nPhoto by Gene J. Puskar-Pool\/Getty Images","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080301\/Ehi%C3%A3-Be-Woa%C9%96e-M%C3%AD\/","date":"2024-02-22T10:37:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473738.92\/warc\/CC-MAIN-20240222093910-20240222123910-00671.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981665015,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981665015220642}","num_words":549,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo Johann Bernhard Schlegel Ƒe Agbemeŋutinya Johann Bernhard Schlegel nye Eʋegbelɔ̃la aɖe si tsɔ eƒe agbe ke ɖe Eʋegbea ŋu Kpɔe Ɖa Gottlob Christoph Däuble Mawunyadɔgbedela sia wɔ nyui gã aɖe na Eʋeawo. Ènya nu si wòwɔa? Kpɔe Ɖa Aƒenɔ Abla Dzifa Gomashie Aƒenɔ Abla Dzifa Gomashie nye nyɔnu xɔŋkɔ siwo do Eʋeawo ƒe ŋkɔ ɖe dzi la dometɔ ɖeka. Kpɔe Ɖa VINƆKƆ AKPALU—Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ Vinɔkɔ Akpalu nye hakpanyaŋlɔla gãtɔ si nɔ Eʋenyigba dzi kpɔ Kpɔe Ɖa Bella Bellow Hadzila Gbevivitɔ La Bella Bellow ƒe hawo xɔ ŋkɔ le xexea me godoo eye wòzu kpɔdzidze na dzidzime geɖewo Kpɔe Ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/amewo\/","date":"2024-03-05T14:06:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00615.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960488081,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960488080978394}","num_words":102,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.178,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Miva srɔ̃ nu le Yehowa gbɔ kple dzidzɔ.\n'Me si lɔ̃ neva xɔ agbetsi no.\nNufiame nyuitɔ tso Yehowa gbɔ\nBe wòanyi gbɔgbɔmedɔwuitɔwo.\n2. Mele be míagblẽ míaƒe kpekpeawo ɖi o.\n'Fi mae Mawu fiaa nu dzɔdzɔe mí le;\nGbɔgbɔa fiaa mɔ mí, mía nɔviwo hã\nDoa ŋusẽ mí míezɔa kekelia me.\n3. Kafukafuha dzidzi dea dzi gbɔ na mí!\n'Me si'o Ma'u fiaa nui ƒe nyawo dzea to.\nMíaƒe kpekpeawo míayi ɣesiaɣi;\nMawu ƒe amewo dome míanɔ.\nTatatɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/d\/r114\/lp-ew\/1102016886","date":"2024-04-23T12:26:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818474.95\/warc\/CC-MAIN-20240423095619-20240423125619-00117.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957643747,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957643747329712}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖea dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ gɔme be enye ŋusẽzazã le mɔ gbegblẽ nu hena ame ŋutɔ ƒe viɖe. Nu sia dzɔna tso keke blema ke. Le kpɔɖeŋu me, sedede aɖe le Biblia me ƒe 3,500 sɔŋ enye esia si amewo nya nyuie, si gblɔ be woagaxɔ zãnu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. (2 Mose 23:8) Gake nu fitifiti wɔwɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu zãnuxɔxɔ ko. Ɣeaɖewoɣi la, dumegã nu fitifiti wɔlawo fia dɔwɔnuwo, wowɔa mɔnukpɔkpɔ siwo womedze na o la ŋu dɔ, alo woblua asi ɖe ga me gɔ̃ hã. Eye wotea ŋu wɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ madzemadzee be wòaɖe vi na wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo.\nTogbɔ be nu fitifiti wɔwɔ ate ŋu anɔ amegbetɔwo ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me hã la, edze abe dziɖulawo domee wòbɔ ɖo wu ene. Akɔntabubu si wona ŋkɔe le yevugbe me be 2013 Global Corruption Barometer (Ƒe 2013 Nu Fitifiti Wɔwɔ Ƒe Dzidzenu) si Transparency International (Anukwareɖiɖi Le Dukɔwo Dome) ƒe habɔbɔ ɖe ɖe go la ka nya ta be amewo gblɔna le xexea me godoo be dziɖuɖudɔwɔƒe atɔ̃ siwo me nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖo wue nye dunyahehawo, kpovitɔwo, dumegãwo, sewɔƒewo, kple ʋunudrɔ̃ƒewo. Lé ŋku ɖe esia ŋuti nyatakaka ʋɛ siwo klo nu le kuxi sia dzi ŋu kpɔ.\n-\nAFRIKA: Le ƒe 2013 me la, wotsɔ nya ɖe dumegã 22,000 ŋu le ʋɔnu le South Africa le nu fitifiti wɔwɔ ta.\n-\nAMERIKA-DUKƆWO: Le ƒe 2012 me la, wobu fɔ ame 25 le Brazil be wotsɔ dukɔa ƒe ga ma na amewo be woade yewoƒe dunyaheha dzi. Woƒe dukplɔla tsãtɔ ƒe akametiwo ƒe tatɔ, si nye ŋusẽtɔ evelia le dukɔa me hã le wo dome.\n-\nASIA: Le Seoul, South Korea la, ame 502 ku esime nudzraƒe gã aɖe si nye dziƒoxɔ la mu le ƒe 1995 me. Numekulawo va kpɔe be dumegãwo xɔ zãnu heɖe mɔ na xɔtulawo wozã xɔtunu siwo meɖo dedienɔnɔ ƒe dzidzenua gbɔ o la tsɔ tu xɔa, ale woŋe aɖaba ƒu dedienɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi le xɔa tutu me.\n-\nEUROPA: Aƒenɔ Cecilia Malmström si nye Europa Dukɔwo Me Nyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Dɔwɔƒe Ƒe Dɔgbedela gblɔ be: \"Ale si gbegbe [nu fitifiti wɔwɔ ƒe] kuxia nu sẽe [le Europa] la wu gbɔgblɔ.\" Egblɔ kpee be \"edze abe dunyaheha aɖeke medi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe kuxia ɖa o ene.\"\nDziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ nu sẽ ŋutɔ. Nufialagã Susan Rose-Ackerman, si nye nu fitifiti wɔwɔ ɖeɖe ɖa ŋuti numekula bibi aɖe ŋlɔ bena hafi woate ŋu aɖe kuxi sia ɖa la, \"ele be woawɔ tɔtrɔ gãwo le dziɖuɖuwo ƒe asitsamɔnuwo me.\" Togbɔ be edze abe womate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu o ene hã la, Biblia ka ɖe edzi na mí be menye ɖeko tɔtrɔ siwo lolo wu emawo anya wɔ o, ke eɖee fia hã be woava eme godoo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150101\/dzi%C9%96u%C9%96u-nu-fitifiti-w%C9%94w%C9%94\/","date":"2024-04-20T02:31:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817463.60\/warc\/CC-MAIN-20240419234422-20240420024422-00743.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984378815,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984378814697266}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Расчет прямоугольной теплицы\nGblɔ didimewo le milimeta me\nX\n- greenhouse ƒe kekeme\nZ\n- greenhouse ƒe didime\nY\n- kɔkɔme blibo\nH\n- Gli ƒe kɔkɔme\nA\n- akpa siwo le ŋgɔgbekpa dzi ƒe xexlẽme\nB\n- lãmenugbagbevi siwo le xɔta ƒe akpawo ƒe xexlẽme\nC\n- xɔa tame ƒe akpawo ƒe xexlẽme\nD\n- lãmenugbagbevi siwo le gli ƒe akpawo ƒe xexlẽme\nE\n- gli ƒe akpawo ƒe xexlẽme\nNe míetrɔ akpawo kple lãmenugbagbevi siwo le wo me ƒe xexlẽme la, míetiaa woƒe lolome nyuitɔ.\nWoabu lãmenugbagbeviwo ƒe lolome le wo ɖokui si.\nWoaɖe didimewo katã afia le dzoxɔxɔnamɔ̃a ƒe nɔnɔmetata dzi.\nWotrɔ asi le ɖoɖoa ŋu be wòabu akɔnta le nusiwo hiã hena dzoxɔxɔxɔƒe tutu ŋu.\nLe akɔntabubua ta la, àte ŋu anya dzoxɔxɔnamɔ̃a ƒe lolome kple eƒe lolome, eƒe ahuhɔ̃e ƒe lolome, nusiwo woatsɔ awɔ xɔtunua ƒe agbɔsɔsɔ, nusiwo woatsɔ awɔ gɔmeɖoanyia ƒe gotagome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/glasshouse\/","date":"2024-04-19T22:59:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817455.17\/warc\/CC-MAIN-20240419203449-20240419233449-00733.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997548461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997548460960388}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.127,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wikipiɖia enye nunyagbãle si li fãa na amewo katã ƒe zazã, eye wònye ame vovowo kple habɔbɔ vovowo siwo na kpekpeɖeŋu le dɔsia ŋɔŋlɔm le xexeme nunyaŋu godoo.\nEƒe nɔnɔme naamɔ amesiame si ateŋu azã internet kple browserwo ŋudɔ be wòatrɔ nusiwo le eme. Ne nɔ nyanyame nawò be menye nusianu si le afisia me nunyaladeŋgɔwo kple agbalẽnyalagãwo to be wole eme vavã o.\nEsia melegbɔgblɔm be wòmakpɔ nuveviewo kple nunya vavã le Wikipiɖia la dzi o; zigeɖe la, wòakpɔe. Gake Wikipiɖia ma ateŋu ado ŋugbe nawò be nusianu si le afisia le eme vavã o. Ɣeaɖewoɣi la, nuŋɔŋlɔa ɖewo ƒe tatawo woatrɔ medidi o, elabena ameaɖe alo nubaɖawɔla ɖe wɔ tɔtrɔa ɖe si mesɔ kple nunyalawo kple agbãlenyalawo le xexeame katã ƒe susuwo o.\nMíele asitrɔm le alesi míatia alo míade dzesi nuŋɔŋlɔwo ƒe tata siwo ŋu ŋugbe le. Míaƒe nuŋlɔlawo zãna dɔwɔnu tɔxea ɖewo abe Tɔtrɔ yeyewo kple Axa yeyewo tsɔ nɔ ŋkulem ɖe nuyeyewo kple tɔtrɔ yeyeawo ŋu. Habɔbɔa ɖeke meli si toa Wikipiɖia la me o; togbɔ be nuxlẽla geɖewo wɔna ɖɔɖɔɖowo alo wotoa nuaɖewo me hã abe peer review, sea ɖeke meli si na dɔ sia wɔwɔ o. Nuŋɔŋlɔ siwo wotia kpɔ le wome toto megbe hã abe featured article woteŋu trɔna emegbe elabena ameaɖe vayi wɔ tɔtrɔ vɔ̃ɖia ɖe hafi nevale exlem.\nTaflatse, eme nekɔ na amesiame bena nusiwo katã woŋlɔ ɖe afisia li fãa na amewokatã, eye ŋugbedodoa ɖeke mele wò kpakple afisia ƒe aƒetɔwo kple ezãlawo, amesiwo ƒe mɔwo dzi nuŋɔŋlawo le, Wikipiɖia la me nuŋlŋlawo ɖesiaɖe, dɔdzikpɔlawo, sysɔpwo alo amebuba ɖeke si do ƒome kple dɔ sia alo eƒe ƒomedodowo o. Mɔɖeɖea ɖe li be na tsɔ nusianu fãa tso afisia; Esia me fia be gɔmesesea ɖeke li le Wikipiɖia kple eƒe dɔwɔlawo kple ezãlawo kpakple wò dome o.\nMɔɖeɖe alo gɔmesesea ɖeke mele wò kple Wikipiɖia dome na nyasiawo zãza alo wotɔtrɔ si mele GNU Free Documentation License (GFDL) mɔɖeɖewo nu o; Ne ameaɖe wɔ tɔtrɔa ɖe le nusiwo neŋlɔ ŋu le Wikipiɖia dzi alo woɖe eƒe akpa ɖe la, wòmekpɔ mɔ abu fɔ Wikipiɖia alo eƒe ƒomedodoa ɖeke o.\nDzesi tɔxe (abe trademarks, service marks, collective marks, design rights, personality rights) siwo dze le Wikipiɖia la me la nye nutɔwo ŋutɔ tɔ. Woƒe zãzã le afisia mefia be mɔ li na wo ŋudɔ wɔwɔ le goa ɖeke me si to vovo na esiwo woɖe mɔ na le GFDL mɔɖeɖewo te o. Ne wome gblɔe fitaa o la, ekema ƒomedodoa ɖeke mele Wikipiɖia kple Wiki kpakple dzesitɔa ɖeke o eyata Wikipiɖia mateŋu aɖe mɔ na ameaɖeke be wòazã nusiwo nutɔwo meɖe mɔ na o la. Ne ezã nusiawo la, ele ɖokuiwò si, eye ne nyaɖe tso ezãzã me la, wò ɖeka ƒe agba ye.\nƉewomahĩ Wikipiɖia menuwo ɖeɖefia alo woŋɔŋlɔ ada se dzi le dukɔ alo afisi wòle la me. Wikipiɖia dɔwo katã le mɔwo dzi le Florida le United States of America eye wozãa wo le afima ƒe sewo nu. Se siwo le wòƒe dukɔme ƒe mɔɖeɖewo na nusiwo wòateŋu agblɔ alo nusiwo wòateŋu ama na amewo ateŋu ato vovo tso esiawo gbɔ. Wikipiɖia me doa ŋuse ameaɖeke be wòa da wo de sewo dzi o eyata ne eda se siawo dzi la, wò ɖeka woa bu fɔe.\nNe ehiã aɖaŋu na nutɔxea ɖe (le kpɔɖeŋu me, dɔyɔyɔ, sewo, ganyawo) me la, di amesi wɔa dɔ le numa ŋuti. Kpɔ Wikipedia:Risk disclaimer, Wikipedia:Medical disclaimer, and Wikipedia:Legal disclaimer hã.\nMieda akpe nawo bena ne gbɔdzi ɖi xlẽ nusiwo le afisia eye míe xɔese be Wikipiɖia la zãzã adze ŋuwo.\nTogbɔ be wona agbãlenyalawo kple nusrɔ̃ladeŋgɔwo to nunyagbãle bubwo me hã, yawo hã medo ŋugbe be nusianu le eme vavã o.\nThis article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Wiki:General disclaimer, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license (\"CC BY-SA 3.0\"); additional terms may apply (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.\n®Wikipedia is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki Eʋegbe (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.duhoctrungquoc.vn\/wiki\/ee\/Wiki:General_disclaimer","date":"2024-04-21T04:39:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817729.0\/warc\/CC-MAIN-20240421040323-20240421070323-00751.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984069467,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984069466590881}","num_words":681,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le atrakpui si le tsatsam ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ\nH\n- Atrakpui ƒe kɔkɔme\nD1\n- gota gome ƒe didime\nD2\n- Ememe ƒe didime\nC\n- Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nZ\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nA\n- dzogoe si dzi atrakpuiawo le\nɖeɖe fiã\nMele be atrakpui siwo le atrakpui siwo le tsatsam me ƒe didime nade sentimeta 80 o.\nEle be afɔɖeɖea ƒe kekeme le titina ƒe akpaa nanye sentimeta 20-25 ya teti, le akpa si keke wu me - megawu sentimeta 40 o.\nAtrakpui si wotsɔ ƒo xlãe ƒe atrakpuiwo ƒe kɔkɔme ate ŋu asɔ gbɔ wu kɔkɔme si wokafu na atrakpui siwo le yameʋua titina.\nAfɔɖeɖe ƒe kɔkɔme si sɔ na yameʋuɖoɖo titina ƒe atrakpuiwo nye sentimeta 16, na atrakpui siwo le tsatsam - sentimeta 18.\nLe teƒe si afɔa afɔ le la, ele be atrakpui si le tsatsam ƒe afɔɖeɖe nanɔ abe sentimeta 25-30 ene, le eƒe go kemɛ dzi - megade sentimeta 30-35 o.\nAfɔɖeɖe ƒe goglome alea asɔ ŋutɔ.\nAtrakpui siwo le tsatsam ƒe atrakpuiwo ƒe didime.\nh\n- afɔɖeɖe ƒe didime\nW1\n- afɔɖeɖe ƒe kekeme le akpa si keke wu\nW2\n- afɔɖeɖe ƒuƒlu kekeme\nα\n- design afɔɖeɖe ƒe dzogoe","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/spiral_stairs\/","date":"2024-04-21T08:47:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817729.87\/warc\/CC-MAIN-20240421071342-20240421101342-00193.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997404218,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997404217720032}","num_words":183,"character_repetition_ratio":0.132,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mateo 1:1818Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. Last Verse Next Verse Bible Society brought to you by International Bible Society and Biblica.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-43","url":"http:\/\/listen.bible.is\/EWEIBS\/Matt\/1\/18","date":"2017-10-17T15:47:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-43\/segments\/1508187822116.0\/warc\/CC-MAIN-20171017144041-20171017164041-00789.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956293702,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9956293702125549}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.12,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EWU ƒe 10 tso esime Fia Nebukadnezar kplɔ Israel ƒe agbalẽnyala nyuiwo katã yi Babilon. Ke azɔ kpɔ nusi le dzɔdzɔm la ɖa! Wotɔ dzo Yerusalem. Eye wokplɔ Israel-vi, siwo womewu o la yina ɖe Babilon abe gamenɔlawo ene.\nÐo ŋku edzi be esiae Yehowa ƒe nyagblɔɖila la gblɔ be adzɔ ne ameawo metrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi o. Gake Israel-viawo meɖo to nyagblɔɖilawo o. Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ alakpamawuwo. Eyata ameawo dze na tohehe. Míenya esia, elabena Mawu ƒe nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ nuvɔ̃, siwo Israel-viwo nɔ wɔwɔm la na mí.\nÈnya amesi Xezekiel nyea? Enye ɖekakpui, siwo Fia Nebukadnezar kplɔ yi Babilon ƒe 10 megbe hafi wotsrɔ̃ Yerusalem la dometɔ ɖeka. Ɣeyiɣi ma ke mee wokplɔ Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo, Sadrax, Mesax kple Abed-Nego hã yi Babilon.\nEsi Xezekiel gale Babilon la, Yehowa ɖe nu gbegblẽ, siwo le dzɔdzɔm le Yerusalem-gbedoxɔa me la fiae. Yehowa wɔ esia to nukumɔ aɖe dzi. Xezekiel gale gaxɔ me kokoko, gake Yehowa na wòkpɔ nusianu, si le edzi yim le gbedoxɔa me la. Eye nusi Xezekiel kpɔ la dzi ŋɔ ŋutɔ!\nYehowa gblɔ na Xezekiel be: 'Kpɔ ŋunyɔnu, siwo wɔm ameawo le le gbedoxɔa me la ɖa. Kpɔ glia ŋu ɖa; eyɔ fũ kple dawo kple lã bubuwo ƒe nɔnɔmetata. Azɔ kpɔe ɖa, Israel-viwo le wo subɔm!' Xezekiel te ŋu kpɔ nusiawo katã, eye wòŋlɔ nusi le dzɔdzɔm la ɖi.\nYehowa bia Xezekiel be: 'Èkpɔ nusi Israel ƒe kpɔlawo le wɔwɔm le vivimea?' Ẽ, eya hã kpɔ esia. Ŋutsu 70, wo katã le alakpamawuwo subɔm. Wole gbɔgblɔm be: 'Yehowa mele mía kpɔm o. Egblẽ anyigba la ɖi.'\nEmegbe Yehowa tsɔ nyɔnu aɖewo, siwo le gbedoxɔa ƒe dziehe-gbo nu la fia Xezekiel. Wonɔ anyi ɖe afima hele alakpamawu Tamus subɔm. Azɔ kpɔ ŋutsu, siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔ nu la ɖa! Woanɔ ame 25. Xezekiel kpɔ wo. Wodze klo do ɖe ɣedzeƒe hele ta dem agu na ɣe!\nYehowa gblɔ be: 'Amesiawo metsɔ bubu aɖeke nam o. Menye nu vlo ɖeɖeko wɔm wole o, ke wova le ewɔm le nye gbedoxɔ me ke hã!' Eyata Yehowa do ŋugbe be: 'Matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi. Eye ne wotsrɔ̃ la, mavem o.'\nEsi Yehowa tsɔ nusiawo fia Xezekiel megbe anɔ abe ƒe etɔ̃ ko ene ye Israel-viwo dze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu. Eyata eho aʋa ɖe wo ŋu. Ƒe ɖeka kple afã megbe la, Babiloniatɔwo mu Yerusalem-gliawo, eye wotɔ dzo du la kolikoli. Wowu ame geɖe hekplɔ ame geɖe yi Babilon abe gamenɔlawo ene.\nNukatae Yehowa na tsɔtrɔ̃ dziŋɔ sia va Israel-viwo dzi? Elabena womeɖo to Yehowa o, eye womewɔ eƒe sewo dzi o. Esia fia be ele vevie be míawɔ nusi Mawu gblɔ la ɣesiaɣi.\nGbã la, woɖe mɔ na ame ʋɛ aɖewo be woanɔ Israel-nyigba la dzi. Fia Nebukadnezar tsɔ Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Gedalya la ɖo amesiawo nu. Gake Israel-vi aɖewo wu Gedalya. Fifia ameawo le vɔvɔ̃m be Babiloniatɔwo ava tsrɔ̃ yewo katã le nu vlo, si wowɔ la ta. Eyata wozi Yeremya dzi be wòakplɔ yewo ɖo, eye wosi yi Egipte.\nEsia na Israel-nyigba la tsi anyi ƒuƒlu. Ame aɖeke menɔ anyigba la dzi o hena ƒe 70. Etsi ƒuƒlu keŋkeŋ. Gake Yehowa do ŋugbe be le ƒe 70 megbe la, yeakplɔ yeƒe dukɔ agbɔe. Hafi ɣemaɣi naɖo la, nukae le dzɔdzɔm ɖe Mawu ƒe amewo dzi le Babilon-nyigba, si dzi wokplɔ wo yii la dzi? Na míakpɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/yerusalem-gbedox%C9%94\/","date":"2017-12-18T03:38:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00573.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992191195,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992191195487976}","num_words":558,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Rahab Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Rahab, ame si do dzi tsɔ Israel-ŋkutsala eveawo ɣla la ŋu. Tae, tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Rahab Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Rahab Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015109\/univ\/art\/502015109_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/rahab\/","date":"2017-12-13T06:33:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00517.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990112185,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999011218547821}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.121,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nPakistan\nWatch Tower\nPO Box 3883\nClifton\nKARACHI-75600\nPAKISTAN\n+92 21-35821708\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/pakistan\/","date":"2017-12-11T12:24:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513478.11\/warc\/CC-MAIN-20171211105804-20171211125804-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997054338,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99970543384552}","num_words":85,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SENYAWO KPLE AMEGBETƆ ƑE GOMENƆAMESIWO\nGeorgia dziɖuɖua lɔ̃ ɖe edzi be 'mehiã kura' be yeate fli ɖe Ðasefowo ƒe dɔwɔha nɔsenuawo ƒe ŋkɔdede agbalẽ me me o. Dziɖuɖua ƒe nuwɔna sia na be wowɔ ŋutasẽnuwo ɖe Ðasefowo ŋu ƒe geɖe.\nLe April 2015 me la, Yehowa Ðasefowo awɔ numeɖeɖedɔ aɖe atsɔ aɖe nu me na setɔwo tso Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso aɖe si wòɖe ɖe go nyitsɔ laa kpakple Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu.\nLe October 7, 2014 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde Yehowa Ðasefo siwo le Georgia dzi. Wobu fɔ dziɖuɖumegãwo be wotu afɔkpo Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe kple amegbetɔ ƒe gomenɔamesi bubuwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/georgia\/","date":"2017-12-13T16:01:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948527279.33\/warc\/CC-MAIN-20171213143307-20171213163307-00697.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999543786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995437860488892}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.333,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA nyɔnu dzetugbe, si gbɔna Dawid gbɔ la? Eŋkɔe nye Abigail. Susu nyui le esi, eyata exe mɔ na Dawid be magawɔ nu gbegblẽ o. Gake hafi míasrɔ̃ nu tso ema ŋu la, na míakpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm ɖe Dawid dzi la ɖa.\nEsi Dawid si le Saul nu la, ebe ɖe agado aɖe me. Nɔviawo kple eƒe ƒometɔ mamlɛawo ɖakpe ɖe eŋu le afima. Ame abe 400 ene va egbɔ, eye Dawid va zu woƒe kplɔla. Emegbe Dawid yi Moab-fia gbɔ hegblɔ nɛ be: 'Taflatse na fofonye kple danye nanɔ gbɔwò vaseɖe esime makpɔ nusi adzɔ ɖe dzinye.' Emegbe la, Dawid kple eƒe amewo te bebe ɖe towo dzi.\nEsia megbee Dawid va kpɔ Abigail. Srɔ̃a Nabal nye anyigbatɔ aɖe, si nye kesinɔtɔ. Alẽ 3,000 kple gbɔ̃ 1,000 le esi. Nabal nye ame vloe aɖe. Gake srɔ̃a Abigail dze tugbe ŋutɔ. Enya nu dzɔdzɔe hã wɔwɔ. Gbeɖeka la, eɖe eƒe ƒomea tso afɔku me gɔ̃ hã. Na míakpɔ alesi wòwɔe la ɖa.\nDawid kple eƒe amewo nyo dɔme na Nabal. Wokpe ɖe wo ŋu hekpɔ eƒe alẽwo ta. Eyata gbeɖeka Dawid dɔ eƒe ame aɖewo ɖe Nabal be wòana nu ye. Dawid ƒe amewo va Nabal gbɔ esime wo kple eƒe kpeɖeŋutɔwo le fu kom na alẽwo. Nuɖukplɔ̃ɖogbee wònye, eyata nu geɖe le Nabal si wòaɖu. Eyata Dawid ƒe ameawo gblɔ be: 'Míenyo dɔme na mi. Míefi miaƒe alẽ aɖeke o, ke boŋ míekpɔ wo dzi nyuie. Eyata azɔ taflatse mina nuɖuɖu aɖe mí.'\nNabal gblɔ be: 'Nyematsɔ nye nuɖuɖu na mi amesiawo ƒomevi o.' Eƒo nu movitɔe, eye wògblɔ nya vɔ̃wo ɖe Dawid ŋu. Esi ameawo yi ɖagblɔ nya la na Dawid la, Dawid do dziku ŋutɔ. Egblɔ na eƒe ameawo be: 'Mitsɔ miaƒe yiwo!' Tete wodze mɔ heyi Nabal kple eƒe amewo wu ge.\nNabal ƒe amewo dometɔ ɖeka, si se Nabal ƒe movinyawo la gblɔ nusi dzɔ la na Abigail. Enumake Abigail ƒo nuɖuɖu aɖewo nu ƒu. Etsɔe do agbae ɖe tedziwo dzi hedze mɔ. Esi wòdo go Dawid la, eɖi le eƒe tedzia dzi hebɔbɔ gblɔ be: 'Taflatse mègaɖo to srɔ̃nye Nabal ƒe nyawo o. Movitɔe wònye, eye movinue wòwɔna. Nunanae nye si. Taflatse xɔe, eye nàtsɔ nusi dzɔ la ake mí.'\nDawid gblɔ be: 'Nyɔnu nunyalae nènye. Ètsi nunye be nyemewu Nabal atsɔ ɖo eƒe movinuwɔwɔ teƒe nɛ o. Azɔ yi aƒeme le ŋutifafa me.' Emegbe esi Nabal ku la, Abigail va zu Dawid srɔ̃wo dometɔ ɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/david-abigail\/","date":"2017-12-11T17:35:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513784.2\/warc\/CC-MAIN-20171211164220-20171211184220-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993978739,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999397873878479}","num_words":400,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi ŋkutsalawo tso Israel yi Yeriko dua me la, wonɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rahab ƒe me. Yeriko-fia see eye wòdɔ asrafowo ɖe Rahab ƒe me. Rahab ɣla ŋkutsalawo ɖe xɔ ta eye wòna asrafoawo ti wo yome to afi bubu. Egblɔ na ŋkutsalaawo be: 'Makpe ɖe mia ŋu elabena menya be Yehowa li kpli mi eye miaxɔ anyigba sia godoo. Meɖe kuku, mido ŋugbe nam be miakpɔ nye ƒomea ta.'\nŊkutsalaawo gblɔ na Rahab be: 'Míele ŋugbe dom na wò be míawɔ nu vevi aɖeke ame siwo katã le wò aƒea me la o.' Wogblɔ nɛ be: 'Sa ka dzĩ ɖe wò fesre nu eye míakpɔ wò ƒomea ta.'\nRahab na ŋkutsalawo ɖiɖi kple ka to eƒe fesre nu ɖe anyigba. Woyi ɖe toawo dzi eye wobe ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi trɔ yi Yosua gbɔ. Emegbe Israel-viwo tso Yordan-tɔsisia eye wodzra ɖo ɖe anyigbaa xɔxɔ ŋu. Yeriko ye nye du gbãtɔ si dzi woɖu. Yehowa gblɔ na wo be woazɔ aƒo xlã dua zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbea, wozɔ ƒo xlã dua zi adre. Eyome nunɔlawo ku woƒe kpẽawo eye asrafoawo do ɣli sesĩe ale si woate ŋui. Dua ƒe gliawo mu gbloo! Gake Rahab ƒe aƒe si le glia dzi ya memu o. Rahab kple eƒe ƒomea tsi agbe elabena Rahab xɔ Yehowa dzi se.\nÐe menye nenema kee wobu Rahab . . . hã ame dzɔdz��e to dɔwɔwɔwo me, esi wòxɔ ame dɔdɔawo nyuie hena woto mɔ bubu dzo oa?\"—Yakobo 2:25","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/6\/rahab-%C9%A3la-%C5%8Bkutsalwo\/","date":"2017-12-12T18:50:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948517845.16\/warc\/CC-MAIN-20171212173259-20171212193259-00569.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992756248,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992756247520447}","num_words":250,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MITSƆ KAISARO TƆ NA KAISARO\nÐE WOAÐE SRƆ̃ LE TSITRETSITSIA MEA?\nSEDEDE GÃTƆWO\nSubɔsubɔhakplɔla siwo nye Yesu ƒe futɔwo la do dziku. Edo lo siwo klo nu le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dzi vɔ koe nye ema. Azɔ Farisitɔwo ɖo nugbe be yewoatre mɔ̃ nɛ. Wodi be yewoana wòagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo atsɔe ade asi na Roma nutodziɖula la, eya ta wona ga woƒe nusrɔ̃la aɖewo be woayi aɖatre mɔ̃ nɛ.—Luka 6:7.\nAme siawo va gblɔ be: \"Nufiala, míenyae be èƒoa nu hefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me: Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o?\" (Luka 20:21, 22) Woƒe kesekukuɖɔɖɔnamea meflu Yesu o, elabena alakpanu kple ayemenu wɔmee wonɔ. Ne eɖo eŋu be, 'Ao, mele be woaxe adzɔ o' la, woate ŋu atsɔ nya ɖe eŋu be edze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Gake ne egblɔ be, 'Ɛ̃, mixe adzɔ sia' la, ekema dukɔa me tɔwo, siwo le tse ɖum le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu ta la, ase eƒe nyaa gɔme bubui ahatso ɖe eŋu. Eya ta aleke wòɖo nyaa ŋui?\nYesu gblɔ be: \"Nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.\" Wotsɔ denario ɖeka vɛ nɛ. Eye wòbia wo be: \"Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?\" Wogblɔ be: \"Kaisaro tɔe.\" Eye wògblɔ na wo be: \"Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.\"—Mateo 22:18-21.\nAle si Yesu ɖo nyaa ŋu aɖaŋutɔe la na woƒe nu ku, eye wotrɔ dzo. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o, eye wogale agbagbadzedze dzi be yewoatre mɔ̃ nɛ. Le Farisitɔwo ƒe kpododo nu megbe la, kɔmama bubu ƒe kplɔlawo va Yesu gbɔ.\nZadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la va bia nya aɖe ku ɖe tsitretsitsi la kple ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ŋu. Wobia be: \"Nufiala, Mose gblɔ be: 'Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.' Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. Mlɔeba nyɔnua hã ku. Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.\"—Mateo 22:24-28.\nYesu he susu yi Mose ƒe nuŋlɔɖia, si dzi Zadukitɔwo xɔ se la dzi tsɔ ɖo eŋu na wo be: \"Ðe menye esia tae mieda ƒu le esi mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la oa? Elabena ne wofɔ tso ame kukuwo dome la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ ŋuve ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe agbalẽa me, ale si Mawu gblɔ nɛ be: 'Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu' la oa? Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe. Mieda ƒu ŋutɔ.\" (Marko 12:24-27; 2 Mose 3:1-6) Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa na amehawo ƒe nu ku.\nYesu ɖo eŋu be: \"Gbãtɔe nye, 'Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, eye nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.' Eveliae nye esi, 'Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.' Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.\"—Marko 12:29-31.\nEsi agbalẽfialaa se ŋuɖoɖo sia la, egblɔ be: \"Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe la nu be, 'Ðeka koe wònye, eye bubu aɖeke megali o, negbe eya ko,' eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kpakple ŋusẽ blibo, eye woalɔ̃ ame havi abe ame ɖokui ene la xɔ asi sãsãsã wu numevɔsa blibowo kple vɔsawo katã.\" Esi Yesu kpɔ be eɖo nyaa ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: \"Mèle adzɔge tso Mawu Fiaɖuƒe la gbɔ o.\"—Marko 12:32-34.\nŊkeke etɔ̃e nye esia (Nisan 9, 10, kple 11) Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me. Ame aɖewo abe agbalẽfiala sia ene kpɔ dzidzɔ ɖe toɖoɖoe ŋu. Gake mele alea le subɔsubɔhakplɔla siwo ƒo dzi 'megale be woabia nya aɖekee o' la gome o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/fut%C9%94wo-dze-agbagba-tre-m%C9%94%CC%83\/","date":"2017-12-18T03:57:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00113.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979848266,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979848265647888}","num_words":708,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe gbɔgbɔmenuwo le vevie na wòa?\nNe woaɖe nya \"ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo\" gɔme nya ɖe nya nu la, efia \"ame siwo le kuku ɖem be gbɔgbɔa nasu yewo si.\" (Mt 5:3) Míate ŋu aɖee afia be míedi vevie be Mawu nakpe ɖe mía ŋu gbɔgbɔmenuwo nasu mía si . . .\nne míexlẽa Biblia gbe sia gbe\nne míedzrana ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu eye míedea wo\nne míexlẽa habɔbɔa ƒe agbalẽwo eye míedia ɣeyiɣi xlẽa nu bubu siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea\nne míekpɔa ɣleti ɖe sia ɖe ƒe JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo\nNu kawoe magawɔ be ale si mesrɔ̃a nui la nanyo ɖe edzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan8-14\/nu-siwo-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83-tso-todzimawunyaa-me\/","date":"2017-12-18T14:07:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948616132.89\/warc\/CC-MAIN-20171218122309-20171218144309-00185.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995116353,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951163530349731}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Amewo do vloe, eye wogbee . . . Míebui abe ame si wowɔ fui, ame si Mawu ƒo, eye wòna wòkpe fu ene\"\nWodo vlo Yesu eye wotso enu be egblɔ busunya. Ame aɖewo bui be Mawue nɔ to hem nɛ, abe ɖe wòtsɔ dɔ vɔ̃ɖi aɖe ƒui ene\n\"Enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be yeagbãe gudugudu, . . . eye Yehowa ƒe didi ava eme to edzi\"\nÐikeke mele eme o be Yehowa se veve esi wowu via. Gake dzi dzɔe ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu wòwɔ nuteƒe bliboe. Yesu ƒe ku na wokpɔ ŋuɖoɖo na nya si Satana tsɔ ɖe Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu, eye ehe yayrawo vɛ na ame siwo trɔ dzi me. Esia wɔe be \"Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu\" va eme","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb13-19\/kristo-kpe-fu-%C9%96e-m%C3%ADa-ta\/","date":"2018-01-24T02:59:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084892892.86\/warc\/CC-MAIN-20180124010853-20180124030853-00114.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983378053,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983378052711487}","num_words":117,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ate nu ka kpɔ? Mɔɖeɖedɔa! Yayra ka gbegbee nye esi nàkpɔ!—Lod 10:22.\nNE ÈWƆ MƆÐEÐEDƆA LA, AKPE ÐE ŊUWÒ. . .\nnàbi le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me eye esia ana nàse vivi na gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu\nbe ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome nasẽ. Zi ale si nèƒoa nu tsoa Yehowa ŋu na amewo la, zi nenemae wòanɔ ŋku ɖom eƒe nɔnɔme wɔnukuwo dzi na wò\nnàde kpekpe si nutome sue dzikpɔla wɔna kple mɔɖelawo ne eva srã hamewo kpɔ kple kpekpe tɔxɛ si mɔɖelawo dena doa ŋgɔ na nutome sue takpekpe kpakple Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua\nbe mɔnukpɔkpɔ geɖe nanɔ ʋuʋu ɖi na wò be nàwɔ Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe\nbe nàzɔ kple gbeƒãɖela vovovowo le gbeadzi si ana miade dzi ƒo na mia nɔewo.—Ro 1:11, 12","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july11-17\/te-m%C9%94%C9%96e%C9%96ed%C9%94a-kp%C9%94\/","date":"2018-01-16T12:04:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886416.17\/warc\/CC-MAIN-20180116105522-20180116125522-00787.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997689128,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997689127922058}","num_words":123,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee. . . . Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.—Nyaɖ. 21:5.\nEsi nuwuwua le ɖoɖom la, fifia ye nye ɣeyiɣi si wòle be míazã ɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ ŋu! (Marko 13:10) Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, nya nyuia nye Yehowa ƒe amenuvevenunana. Ele be nyateƒenya sia nanɔ susu me na mí ne míele gbeƒã ɖem. Taɖodzinu si tae míeɖea gbeƒãe nye be míakafu Yehowa. Míate ŋu awɔ esia ne míena amewo nya be, Yehowa ƒe amenuveve tae xexe yeyea kple eme yayra siwo katã ŋugbe wòdo asu mía si ɖo. Ne míele ɖase ɖim na amewo la, ele be míaɖe eme na wo be tafevɔsa la aɖe vi na amegbetɔwo bliboe eye woava de blibo mlɔeba le Kristo ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Biblia gblɔ be: \"Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.\" (Rom. 8:21) Yehowa ƒe amenuveve koe ana esia nava eme. w16.07 4:17-19\nSrɔ̃ŋutsu netsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ, eye srɔ̃nyɔnu hã newɔ nenema ke na srɔ̃a.—1 Kor. 7:3.\nBiblia megblɔ lɔlɔ̃wɔwɔ si tɔgbi sɔ na srɔ̃tɔwo alo afi si woawɔe ase ɖo o, gake eƒo nu tso lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu. (Haw. 1:2; 2:6) Eya ta esɔ be atsu kple asi Kristotɔwo nado vivi ɖe wo nɔewo ŋu. Ne míelɔ̃ Mawu kple mía havi vevie la, míaɖe mɔ gbeɖe be naneke nagblẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Nuwo tɔtɔ le srɔ̃ɖeɖe aɖewo me, alo wo me gblẽ gɔ̃ hã, le esi srɔ̃tɔ ɖeka tsɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ɖo dɔe ta. Ne nu mawo kpɔkpɔ alo gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea godo ƒe dzodzro aɖe ge ɖe mía me la, ele be míahoe kple ke kaba ŋutɔ. Ahiãmoɖoɖo na ame si menye srɔ̃wò o menyo o, eye mefia lɔlɔ̃ o, ele be ame si wɔa esia nadzudzɔ. Ne ele ŋkudzi na mí be Mawu nya míaƒe susu kple nuwɔna ɖe sia ɖe la, aƒoe ɖe mía nu míawɔ nu si dzea eŋu eye míanɔ agbe dzadzɛ.—Mat. 5:27, 28; Heb. 4:13. w16.08 2:7-9\nMíedzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta kpɔ o, eye míele kukuɖeɖe dzi be, [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ la nayɔ mi fũu.—Kol. 1:9.\nSidzedze vavãtɔ akpe ɖe Kolose Kristotɔwo ŋu be 'woazɔ ale si dze Yehowa ale be woadze eŋu bliboe.' Ana hã be 'woayi edzi anɔ ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me,' vevietɔ le nya nyuia gbɔgblɔ me. (Kol. 1:10) Hafi ame nate ŋu asubɔ Yehowa nyuie la, ele be wòanɔ Biblia srɔ̃m edziedzi. Anyo be míakpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woase eme nenema. Gawu la, ele be míawo ŋutɔwo míakpɔ esia wɔwɔ ƒe vevienyenye adze sii. Le nyateƒe me la, ele be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui nanɔ míawo ŋutɔwo hã si. Eya ta bia ɖokuiwò be, 'Ne aƒemenɔla ƒe nyaŋuɖoɖo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu alo ebia nya sesẽ aɖewo la, ɖe metea ŋu zãa Biblia tsɔ ɖoa eŋua?' Ne míegblɔa viɖe siwo kpɔm míele tso míaƒe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me na amewo la, ate ŋu aʋã wo be woado vevie Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ be wòaɖe vi na woawo hã. w16.08 4:3, 4","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-01-16T07:42:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886237.6\/warc\/CC-MAIN-20180116070444-20180116090444-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979678392,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979678392410278}","num_words":509,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa nye Fia ɖe nuwo katã dzi. Eyae kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi eye akpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, exɔ na Yeremiya esime wodee vudo me be wòaku. Eɖe Sadrak, Mesak kple Abednego tso kpodzo bibi aɖe me eye wòɖe Daniel tso dzatawo si me. Yehowa kpɔ Esta ta ale be wòate ŋu axɔ na eƒe dukɔ bliboa. Mawu maɖe mɔ nu vlo wɔwɔ nayi edzi tegbee o. Nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso legba gã la kple ati gã la ŋu ɖo kpe edzi be eteƒe madidi o Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe nu vlo wɔwɔwo katã ɖa eye eya ŋutɔ ƒe Fiaɖuƒea naɖu anyigbaa dzi.\nLE AKPA SIA\nNya si ɖekakpui nyagblɔɖila sia gblɔ la na amegãwo do dziku vevie.\nYudatɔwo yi edzi subɔ alakpamawuwo eya ta Yehowa ɖe asi le wo ŋu.\nYuda ɖekakpuiawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa le Babilontɔwo ƒe fiasãa me gɔ̃ hã.\nDaniel ɖe nu si Nebukadnezar ƒe drɔ̃e dziŋɔa fia la me.\nSadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na Babilon-fia ƒe sikanyivi la o.\nDrɔ̃e si Nebukadnezar ku la ku ɖe eya ŋutɔ ƒe etsɔme ŋu.\nƔekaɣie nuŋɔŋlɔ si gɔme womese o la dze, eye egɔme ɖe?\nDo gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe, abe Daniel ene!\nTogbɔ be amedzro kple tsyɔ̃evie wònye hã la eva zu fianyɔnu.\nEsi Israel-viwo ɖo to Ezra vɔ megbe la, wodo ŋugbe tɔxɛ aɖe na Mawu.\nNehemiya se be yeƒe futɔwo ɖoe be yewoava dze yewo dzi. Nu ka tae mevɔ̃ o?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/","date":"2018-02-17T19:15:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807660.32\/warc\/CC-MAIN-20180217185905-20180217205905-00274.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972925186,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972925186157227}","num_words":257,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wode dɔ sesẽ aɖe asi na Yeremiya, eye dɔdeasi sia ɖe ale si Yehowa ɖoe kplikpaa be yeatu nu kple Yuda kpakple Yerusalem tɔwo le woƒe totitri kple dada ta.\nYeremiya ƒle aklalalidziblanu\nAlidziblanu si wòtsɔ bla ali dzi la fia ƒomedodo kplikplikpli si le Yehowa kple dukɔa dome\nYeremiya tsɔ alidziblanu la yi Frat-tɔsisia nu\nEɣla alidziblanua ɖe agado me le afi ma eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem\nYeremiya trɔ yi Frat-tɔsisia nu be yeatsɔ alidziblanua\nAlidziblanu la nyunyɔ\nEsi Yeremiya wɔ dɔ si wode esi vɔ la, Yehowa ɖe nu si dɔdeasia fia la me nɛ\nEsi Yeremiya ɖo to le nu si adze nu sue aɖe ko me ta la, ewɔ akpa aɖe le ale si Yehowa ɖoe be yeaɖo yeƒe amewo ƒe dzi gbɔ la me","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar27-apr2\/Israel-viwo-%C5%8Bl%C9%94-Yehowa-be\/","date":"2018-02-23T16:01:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814801.45\/warc\/CC-MAIN-20180223154626-20180223174626-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992027879,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992027878761292}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.201,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2014\nTata sia dzro ale si míate ŋu atu xɔse si le abe Mose tɔ ene ɖo me. Aleke Yehowa bua míaƒe ƒomegbanɔamedziwoe eye aleke wòkpena ɖe mía ŋu le wo tsɔtsɔ me?\nAleke xɔse ʋã Mose wògbe nu le ŋutilãmenudzodzrowo gbɔ eye wòde asixɔxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu? Nu ka tae Mose ƒe \"ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu\"?\nAleke Mose ƒe xɔse kpɔ eta tso amegbetɔvɔvɔ̃ me hekpe ɖe eŋu wòxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se? Do ŋusẽ wò xɔse be nàkpɔe be Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ si le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò.\nAGBEMEŊUTINYA\nEsi Robert Wallen ɖo ŋku ƒe 65 siwo wòzã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔa me dzi la, egblɔ be yekpɔ dzidzeme, eye taɖodzinu vavã le yeƒe agbe ŋu. Kpɔ nu si tae ɖa.\nAme aɖewo zɔ mɔ yi duta be yewoawɔ dɔ akpɔ ga geɖe. Ne dzila dzo le ƒomea gbɔ ɖe dɔwɔɖui ta la, aleke wògblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea, ɖeviawo kple ƒomedodo si le wo kple Mawu dome la ŋu?\nNu kae vifofo aɖe wɔ tsɔ ɖɔ nu si gblẽ le eƒe ƒomea ŋu esi wòdzo le wo gbɔ ɖe dɔ ta la ɖo? Aleke Yehowa kpe ɖe eŋu wòkpɔ eƒe ƒomea dzi le dukɔ si me ganyawo mede ame dzi le o me?\nKpɔ nu atɔ̃ siwo ɖo kpe edzi be Mawu lɔ̃ mí kpakple ale si eƒe ŋkuléle ɖe mía ŋu ɖea vi na míi.\nLe Biblia ŋlɔɣiwo la, nu ka tae amewo ɖonɛ koŋ dzea woƒe awuwo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20140415\/","date":"2018-02-25T01:03:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816068.93\/warc\/CC-MAIN-20180224231522-20180225011522-00594.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978654981,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978654980659485}","num_words":252,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 31, 2014\nRUSSIA\nLe July 30, 2014 dzi la, Taganrog Dua ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe bu fɔ Yehowa Ðasefo 16 siwo wole ʋɔnu drɔ̃mee dometɔ 7 ɖe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe siwo yia edzi le ŋutifafa me la dede ta heɖoe be yewoade wo gaxɔ me. Nu si tae wotsɔ nya ɖe wo ŋu ɖo lae nye be wole gome kpɔm le mawusubɔsubɔdɔwo me, evɔ dɔ siawo ke koe wo nɔvi Yehowa Ðasefowo katã le wɔwɔm le xexea me godoo. Fɔbubu sia nye afɔku gã aɖe na Yehowa Ðasefowo le Russia godoo, elabe woate ŋu anɔ te ɖe edzi axe mɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nu le dukɔa me.\nƲɔnudrɔ̃laa ɖoe be yeaɖe gbeƒã nyametsotsoa le July 28, 2014 dzi, gake eglii da ɖe ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Le July 29 dzi la, ʋɔnudrɔ̃laa xlẽ axa 100 ƒe agbalẽ si me nyametsotsoa le la ŋkeke bliboa va de asi na July 30 ƒe ŋdi. Ebu fɔ woƒe hamemetsitsi ene be woanɔ gaxɔ me ƒe atɔ̃ va se ɖe ƒe atɔ̃ kple afã eye edo fe na wo hã be woaxe ga home ruble 100,000 (Amerika dɔlar 2,800). Edo fe na Yehowa Ðasefo etɔ̃ bubuwo dometɔ ɖe sia ɖe be wòaxe ruble 50,000 va se ɖe ruble 60,000 (Amerika dɔlar 1,400 va se ɖe Amerika dɔlar 1,700). Gake ʋɔnudrɔ̃laa te fli ɖe fe si wodo na Ðasefoawo la me, elabena ɣeyiɣi si nyaa gɔme kuku kple ʋɔnudɔdrɔ̃a xɔ la gbɔ ɣeyiɣi si sea gblɔ la nu eye wòɖo asi woƒe gaxɔmeyiyia hã dzi gbɔ. Wotso afia na Ðasefo asieke mamlɛawo be womedze agɔ o.\nƲɔnudrɔ̃laa nɔ te ɖe nya si me Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso le September 2009 be yewoaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe Taganrog Nutome Subɔsubɔhabɔbɔa ƒe dɔwɔwɔ dzi le eƒe nyametsotso sia me. Togbɔ be Ðasefowo ƒe habɔbɔ si le se nu la ŋu koe ƒe 2009 ƒe nyametsotsoa ku ɖo hã la, ʋɔnudrɔ̃la sia gblɔ be woaɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Taganrog kple nuto siwo ƒo xlãe me la ƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzi.\nLe kodzoɖoɖo sia si xɔ ɣleti 15 sɔŋ me la, Ðasefo siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la ɖi ɖase be yewomagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ o eye yewoayi edzi anɔ mawusubɔsubɔdɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna la wɔm. Gake ale si Ðasefo siawo ɖoe be yewomadzudzɔ yewoƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ o la, ate ŋu ana be woade wo gaxɔ me be wonye sedzidala sẽtowo.\nVictor Zhenkov, si nye senyala siwo ʋlia wo ta la dometɔ ɖeka la, gblɔ be: \"Nyametsotso sia na mevɔ̃ na nu si ava dzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le Russia. Setɔ siwo le Taganrog kple Russia bliboa ate ŋu azã nyametsotso sia le fuɖeɖe na Yehowa Ðasefowo kple wo yome titi si wotsɔ ɖo dɔe la wɔwɔ me eye woate ŋu ade wo gaxɔ me ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzaa ɖeɖe wɔwɔ ta.\"\nYehowa Ðasefo siwo le Taganrog tsɔ nya la yi Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe be woagbugbɔe adrɔ̃e na yewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/taganrog-%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e\/","date":"2018-02-19T02:25:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812306.16\/warc\/CC-MAIN-20180219012716-20180219032716-00212.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989076853,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989076852798462}","num_words":467,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video siwo le hatsotso ɖe sia ɖe me nɔa ƒoƒom madzudzɔmadzudzɔe gbe sia gbe hena gaƒoƒo 24 sɔŋ.\nKpɔ videowo ƒe hatsotso vovovowo, wo dometɔ aɖewoe nye Ɣleti Sia Ɣleti Ƒe Ðoɖowɔɖi, Filmwo, Ðeviwo, Sɔhɛwo, Ðoɖowɔɖiwo Kple Wɔna Tɔxɛwo.\nZã hatsotsowo ƒe ɖoɖowɔɖia be nàkpɔ videowo ƒe hatsotso siwo akplɔe ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/Video-%C6%91otsi%C3%A3%C9%96enuwo\/","date":"2018-03-21T17:22:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00662.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990338087,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990338087081909}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.102,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.197,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 1 2018 | Nu Si Nana Wokpɔa Dzidzɔ\nAFI KAE MÍAKPƆ MƆFIAME NYUI SIWO ANA MÍAKPƆ DZIDZƆ LA LE?\nBiblia gblɔ be: \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o.\"—Psalmo 119:1.\nNyati adre siawo ƒo nu tso mɔfiame nyui siwo nana amewo kpɔa dzidzɔ eye woɖea vi le mɔ geɖe nu la ŋu.\nÐe nèkpɔnɛ be yenye ame si kpɔa dzidzɔa? Ne nenemae la, nu kae nana ame kpɔa dzidzɔ?\nAme geɖe susu be nunɔamesiwo kple kesinɔnu siwo le ame sie nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzedze. Gake ɖe ga kple nunɔamesiwo nana ame kpɔa dzidzɔa? Nu kae kpeɖodziawo fia\nNe míaƒe lãme gblẽ la, ɖe wòfia be míagate ŋu akpɔ dzidzɔ oa?\nNe míelɔ̃ amewo eye woawo hã lɔ̃ mí la, enana míekpɔa dzidzɔ.\nAme si dzi kuna eye metsɔna kena o la, mekpɔa dzidzɔ o eye menɔa lãmesẽ me hã o.\nNe míekpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na agbemebiabia veviwo la, ana míakpɔ dzidzɔ.\nEsesẽna na ame geɖewo be woakpɔ dzidzɔ ne womenya ale si etsɔme ava nɔ na wo kple woƒe ame veviwo o.\nNu geɖewo wɔnɛ be ame kpɔa dzidzɔ alo mekpɔa dzidzɔ o. Srɔ̃ nu tso nyatakakadɔwɔƒe aɖe si akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia vevi aɖewo siwo ɖea fu na wò la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2018-mar-apr\/","date":"2018-04-20T23:55:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00524.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975797534,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975797533988953}","num_words":208,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"APOSTOLO Petro ye ma le tsitre ɖe afima, eye exɔlɔ̃wo dometɔ aɖewoe ma le emegbe. Gake nukatae ŋutsu ma le klo dzem na Petro? Ðe wòle be wòawɔ nenema? Ènya amesi wònyea?\nŊutsu lae nye Kornelio. Roma-srafoha ƒe aʋafia wònye. Kornelio menya Petro o, gake wogblɔ nɛ be wòayɔe va eƒeme. Na míakpɔ alesi wòva dzɔe la ɖa.\nYesu yomedzela gbãtɔwo nye Yudatɔwo, gake Kornelio menye Yudatɔ o. Gake elɔ̃ Mawu, edoa gbe ɖa nɛ eye wònyoa dɔme na amewo. Gbeɖeka ŋdɔ la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be: 'Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò, eye ele wò gbedodoɖawo ŋu ɖo ge. Dɔ amewo woayɔ ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Petro la vɛ. Ele Yope le Simon ƒeme, le ƒua nu.'\nKornelio dɔ amewo enumake be woaɖadi Petro. Esi ŋu ke, eye ameawo le Yope ɖom la, Petro le Simon ƒe aƒe la ƒe xɔta. Mawu na Petro kpɔ nane le susu me le afima abe avɔ gã aɖe, si le ɖiɖim tso dziƒo ene. Lã ƒomevi vovovowo le avɔ la me. Le Mawu ƒe se nu la, lã siawo ŋu mekɔ woaɖu o, gake gbeɖiɖi aɖe gblɔ be: 'Petro, tsi tre, wu wo nàɖu.'\nPetro ɖo ŋu be: 'Ao! Nyemeɖu nu makɔmakɔ kpɔ o.' Gake gbeɖiɖia gblɔ na Petro be: 'Mègayɔ nusi Mawu gblɔ azɔ be eŋu kɔ la be nu makɔmakɔ o.' Nusia dzɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Esi Petro nɔ ŋugble dem be yease nusia gɔme la, amesiwo Kornelio dɔ la va ɖo aƒea me hebia Petro ta.\nPetro ɖi tso xɔa ta hegblɔ be: 'Nye dim miele. Nukatae mieva ɖo?' Esi ŋutsu la gblɔ be mawudɔla aɖe gblɔ na Kornelio be wòayɔ Petro va eƒemee la, Petro lɔ̃ be yeayi kpli wo. Esi ŋu ke la, Petro kple exɔlɔ̃wo dze mɔ yi Kornelio gbɔ le Kaisarea.\nKornelio ƒo eƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃ veviwo nu ƒu. Esi Petro va ɖo la, Kornelio ɖado goe. Edze klo hede ta agu ɖe Petro ƒe afɔ nu abe alesi nèkpɔe le afisia ene. Gake Petro gblɔ be: 'Tsi tre; nye ŋutɔ hã ame ko menye.' Nyateƒee, Biblia la gblɔ be medze be woade ta agu ahasubɔ amegbetɔ o. Yehowa ɖeka ko wòle be míade ta agu na.\nAzɔ Petro ɖe gbeƒã na amesiwo ƒo ƒu la be: 'Medze sii be Mawu lɔ̃a amesiwo katã dina be yewoasubɔe la.' Esi wònɔ nu ƒom la, Mawu dɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖa, eye ameawo te gbe vovovowo gbɔgblɔ. Esia wɔ nuku na Yudatɔ, siwo nye nusrɔ̃la kplɔ Petro ɖo la, elabena wosusu be Yudatɔwo nu ko Mawu vena. Eyata esia fia wo be Mawu mebua ameƒomevi aɖewo be wonyo alo le vevie na ye wu bubuwo o. Ðe ema menye nu nyui aɖe si dzi mí katã míaɖo ŋkui oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/petro-kornelio\/","date":"2018-04-25T11:18:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969290495,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969290494918823}","num_words":456,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme be mate ŋu axɔ na ame o.—Yes. 59:1.\nEsi woɖe Israel-viwo nukutɔe le kluvinyenye me le Egipte megbe kpuie la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Le Mose ƒe mɔfiafia nu la, Yosua kplɔ Israel-viwo dzideƒotɔe woyi ɖakpe kple futɔawo. Ɣemaɣi tututu la, Mose kplɔ Aron kple Hur wolia togbɛ aɖe, afi si woate ŋu anɔ aʋakpeƒea kpɔm le. Mose ɖe afɔ aɖe si akpe ɖe Israel-viwo ŋu woaɖu dzi. Mose do Mawu vavã la ƒe atikplɔ si le esi la ɖe dzi. Zi ale si Mose ƒe asi le dzi ko la, Yehowa doa ŋusẽ Israel-ʋawɔlawo ƒe asi wonɔa Amalekitɔwo dzi ɖum. Gake ne abɔ le Mose kum eye wòɖiɖi asi ko la, Amalekitɔwo ƒe alɔ dea dzi. Eya ta Aron kple Hur wɔ susu ŋu dɔ kaba tsɔ \"kpe de [Mose te] wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Hur lé eƒe abɔwo ɖe dzi, ame ɖeka le akpa si, eye evelia le akpa kemɛ, ale be eƒe abɔwo le dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.\" Nyateƒee, Mawu ƒe asi sesẽ la kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu aʋa dzi.—2 Mose 17:8-13. w16.09 1:5-7\nNe medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.—Rom. 7:21.\nPaulo ka ɖe edzi bliboe be yeate ŋu aɖu avuwɔwɔ sia dzi ne yedoa gbe ɖa na Yehowa heɖoa ŋu ɖe eŋu eye yexɔ vɔ si Yesu sa ɖe ye ta dzi se. Ke míawo ya ɖe? Míate ŋu aɖu dzi le avu si wɔm míele kple míaƒe ŋutilã madebliboa me. Le mɔ ka nu? Ne míesrɔ̃ Paulo heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ke menye ɖe míaƒe ŋusẽ ŋu o, eye míexɔ tafevɔsa la dzi se. Ɣeaɖewoɣi Mawu daa ŋku ɖi be yeakpɔ ale si gbegbe míetsi dzi ɖe nane ŋui. Le kpɔɖeŋu me, ne míawo ŋutɔ, alo míaƒe ƒometɔ aɖe, dze dɔ vevie alo wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu ɖe? Míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ne míeɖea kuku nɛ ɣesiaɣi be wòado ŋusẽ mí míawɔ nuteƒe nɛ eye míaƒe dzidzɔ kple ƒomedodo si le mía kplii dome me nagagblẽ o. (Flp. 4:13) Ame geɖe siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me kple egbea siaa ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖo kpe edzi be gbedodoɖa ate ŋu ana ŋusẽ yeye naɖo mía ŋu eye dzi naɖo mía ƒo míayi edzi ado dzi. w16.09 2:14, 15\nYudatɔ Helagbe dolawo nɔ liʋiliʋĩ lĩm le Yudatɔ Hebrigbe dolawo ŋu.—Dɔw. 6:1.\nEdze ƒãa be esi Kristotɔ gbãtɔawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, ameŋkumekpɔkpɔ ƒe nya aɖe va do mo ɖa. Yudatɔ Helagbe dolawo fa konyi be womele nu wɔm ɖe yewoƒe ahosiwo ŋu nyuie o. Be woakpɔ kuxi ma gbɔ la, apostoloawo tia ŋutsu adre be woakpɔ egbɔ be womegblẽ ame aɖeke ɖi o. Helatɔwo ƒe ŋkɔwoe nɔ ŋutsu mawo katã si, eya ta anɔ eme be apostoloawo di be masɔmasɔ si ɖo Kristotɔ gbãtɔawo dome le dukɔ si me ame tso ta la nu nayi. (Dɔw. 6:2-6) Míenya alo míeɖanyae o, míaƒe dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi le mɔ aɖe nu kokoko. (Rom. 12:2) Gakpe ɖe eŋu la, míesenɛ míaƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo gblɔa nya siwo mesɔ o tso ame siwo tso dukɔ bubu me, to bubu me tɔwo alo ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ŋu. Ŋusẽ ka gbegbee nya mawo kpɔna ɖe mía dzi? Aleke míewɔa nui ne ame aɖe gblɔ alɔmeɖenya aɖe tso dukɔ si me míetso ŋu alo ɖi gbɔ nane si mía detɔwo wɔna? w16.10 1:7, 8","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-06-19T00:39:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267861641.66\/warc\/CC-MAIN-20180619002120-20180619022120-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964855313,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964855313301086}","num_words":576,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nAvu dzi ko wò kple viwò ƒe-ene-vi mienɔna. Eye ɣesiaɣi la, ewɔ abe viwòa koe ɖua dzi ene.\nNe ègblɔ nɛ be wòawɔ nane eye medi be yeawɔe o la, medea nu eme na wò gɔ̃ hã o.\nNe ègbe nɛ be megawɔ nane si wòdi be yeawɔ o la, ewóa avi.\nÈbia ɖokuiwò be: Enu gbɔna yi gea? Ðe eya ŋutɔ aɖe asi le eŋu ne etsi vie wua?'\nÀte ŋu afia toɖoɖo viwòa. Gake hafi míadzro ale si nàwɔ esiae me la, na míadzro nu si tae wòwɔa nu alea ɖo la me gbã.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nEsi viwòa nye vidzĩ la, wò dɔ vevitɔe nye be nàkpɔ egbɔ. Ènɔa to dzi ɖe viwòa ŋu ɣesiaɣi. Kaka wòakpe kpe vie ko la, èƒua du vaa egbɔ be yeawɔ nu sia nu si hiã la nɛ. Nuwɔwɔ alea sɔ eye wòhiã hã. Ehiã be dzila ƒe ŋku nanɔ via si nye vidzĩ la ŋu ɣesiaɣi.\nEsi dzila wɔ nu siawo na via ɣleti geɖewo ta la, mewɔ nuku o be ɖevia nava nɔ nu wɔm abe eyae nye amegã le aƒea me eye dzilawo nye eƒe subɔvi siwo le klalo ɣesiaɣi be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ene. Gake kaka ɖevia naxɔ ƒe eve la, eva kea dzo ɖe mo nɛ: Ekpɔnɛ be yeƒe \"amegãɖuɖu\" la nu yi. Edzilawo megawɔa eƒe gbe dzi o, ke wokpɔa mɔ be eya boŋ nawɔ yewoƒe gbe dzi. Tɔtrɔ siawo dzea ɖeviwo kpo! Ðevi aɖewo melɔ̃na ɖe esia dzi o, eye wotsɔnɛ na vinugbewɔwɔ. Bubuwo gbea toɖoɖo tsɔ doa wo dzilawo ƒe ŋusẽ kpɔ.\nLe ɣeyiɣi vevi ma me la, ele be dzilaa nazu gbeɖela, eye wòagblɔ nu si tututu wòdi be ɖevia nawɔ la nɛ eme nakɔ. Gake ne ɖevia do toku alo gbe eƒe nyawo dzi wɔwɔ abe ale si wòdze le kpɔɖeŋu si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze me ene ya ɖe?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nXɔ ŋgɔ. Ne viwòa mekpɔa wò nèxɔa ŋgɔ le aƒea me o la, malɔ̃ ɖe edzi be wò ŋusẽ tee yele o. Eya ta xɔ ŋgɔ le aƒea me le mɔ si da sɔ nu. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, agbalẽnyala aɖewo siwo gblɔna be yewonya nu tso vihehe ŋu la na wòdze abe nya \"ŋusẽ\" nye tagbɔsesẽ ene. Wo dometɔ aɖe gɔ̃ hã gblɔ be dzilawo ƒe ŋusẽzazã \"mele se nu o\" eye \"menyo\" hã o. Gake ne dzilawo mezãa woƒe ŋusẽ o, eye woɖea asi le wo viwo ŋu wowɔa nu si dzroa wo la, ɖeko wònana be ɖeviawo tɔtɔna, gblẽna, eye wosusuna be ele be ame bubuwo nasubɔ yewo. Esia mekpena ɖe wo ŋu be woava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:15.\nNa hehe wo. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe hehenana gɔme be enye \"hehe si nana be wozua toɖolawo kple ɖokuidziɖulawo, eye zi geɖe la, hehe sia biana be woade sewo na wo eye woahe to na wo ne woda se siawo dzi.\" Mele be hehenana nagbɔ eme alo anye tagbɔsesẽ le ɖeviwo ŋu o. Ke hã, mele be woagblẽ ɖeviawo ɖe yame ko alo ado kpo to si woahe na wo ne woda seawo dzi la gbɔgblɔ na wo o, elabe esia awɔe be ɖeviawo makpɔ nu si tae wòle be yewoawɔ seawo dzi ahatrɔ agbenɔnɔ ɖo o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 23:13.\nWò nyawo me nekɔ. Ðeko dzila aɖewo biana tso wo viwo si be woneɖo to yewo. (\"Medi be nàdzra wò xɔ me ɖo—èsea?\") Ðewohĩ ɖeviawo asusui be esia nye nu dzeame wɔwɔ ko. Gake esia wɔwɔ ate ŋu ana dzilawo boŋ nava nɔ wo viwo te, eye woana mɔnukpɔkpɔ ɖeviawo be woada wo dzilawo ƒe nyawo kpɔ eye woawo ŋutɔ natso nya me le nu si dze wo ŋu la ŋu. Mègaɖe asi le viwòa ŋu ko o, gblɔ nu siwo nèdi be wòawɔ la nɛ eme nakɔ.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 14:9.\nTɔ afɔ to. Ne ègblɔ be ao ko la, lé eme ɖe asi, tɔ afɔ to eye wò kple srɔ̃wò ƒe nu nesɔ. Ne mienya da asi ɖe to si miahe nɛ ne eda se aɖe dzi dzi ko la, mihee nɛ ne eda sea dzi. Migava nɔ sededea dzakam kplii alo anɔ nu si tae miede se ma ɖo la me dzrom kplii ʋuu o. Anɔ bɔbɔe na wò kple viwòa wu ne ènana wò \"Ɛ̃\" nyea \"ɛ̃,\" eye wò \"Ao\" nyea \"ao.\"—Yakobo 5:12.\nWɔe le lɔlɔ̃ me. Menye demokrasi alo dzizizidziɖuɖu ƒe ɖoɖoe ƒomea nye o. Ke boŋ Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ be woahe ɖeviwo le lɔlɔ̃ me woatsi ava nye ame ɖɔʋuwo ye ƒomea nye. Nu siwo esia lɔ ɖe eme la dometɔ ɖekae nye vihehe, eye akpe ɖe viwòa ŋu be wòaɖo to eye wòase le eɖokui me be èlɔ̃ ye eye yele dedie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201505\/fia-viw%C3%B2-ale-si-w%C3%B2a%C9%96o-to-biblia\/","date":"2018-09-21T12:24:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267157070.28\/warc\/CC-MAIN-20180921112207-20180921132607-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982964396,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982964396476746}","num_words":787,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ALEKE gbegbee dɔmenyonuwɔna tea ŋu nana ame ƒe dzi dzea eme hefaa akɔ na ame ye nye esi! Ne míede dzesii be ame aɖe tsɔ ɖe le eme na mí la, dzi dzɔa mí. Esi wònye be mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be woawɔ nu ɖe ye ŋu dɔmenyotɔe ta la, aleke míawɔ be míasrɔ̃ nɔnɔme nyui sia?\nDɔmenyonyo bia be míatsɔ ɖe le amewo ƒe nyonyo me tso dzi me—míate ŋu awɔ esia to nya tuameɖowo gbɔgblɔ kple kpekpeɖeŋunana wo me. Esi wònye be nuwɔna koŋ mee nɔnɔme nyui sia dzena le ta la, nuwɔwɔ amebubutɔe kple nu dzeame wɔwɔ ɖeɖe mesu o. Lɔlɔ̃ vavã kple veveseɖeamenu ye ʋãa ame wòɖea dɔmenyonyo vavãtɔ fiana. Gawu la, dɔmenyonyo vavãtɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe kutsetse, si wòdi be Kristotɔwo katã nasrɔ̃, la ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Ele be míasrɔ̃ dɔmenyonyo, eya ta, na míadzro ale si Yehowa kple Via ɖe nɔnɔme sia fia kpakple ale si míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu la me.\nYEHOWA NYOA DƆME NA AMEWO KATÃ\nYehowa nyoa dɔme na \"ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo,\" eye wòwɔa nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe. (Luka 6:35) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa nana \"eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.\" (Mat. 5:45) Le esia ta la, nu nyui siwo Yehowa na mí le agbe me la ɖea vi na ame siwo melɔ̃na ɖe edzi be Eyae nye yewo Wɔla o la gɔ̃ hã, eye woawo hã wotea ŋu kpɔa dzidzɔ aɖe sinu.\nDɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe dze le nu si Yehowa wɔ na Adam kple Xawa la me. Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ megbe kpuie la, 'wotɔ gboti ƒe aŋgbawo hesa ɖe ali.' Ke hã, Yehowa nyae be woahiã na awu si asɔ ɖe nɔnɔmeawo nu le Eden-bɔa godo, le anyigba si Mawu ƒo fi de be \"amie ŋù kple aŋɔka,\" la dzi. Eya ta, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu eye wòtɔ \"lãgbalẽwu legbe\" na wo tsɔ kpɔ woƒe nuhiahiã ma gbɔ na wo.—1 Mose 3:7, 17, 18, 21.\nTogbɔ be Yehowa nyoa dɔme na \"ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo\" hã la, eƒe didi vevie ye nye be yeanyo dɔme na ye subɔla wɔnuteƒewo. Le kpɔɖeŋu me, le nyagblɔɖila Zakariya ƒe ŋkekeawo me la, ete ɖe mawudɔla aɖe dzi vevie be Yerusalem gbedoxɔa ƒe gbugbɔgatudɔa tsi akpo dzi. Yehowa ɖo to se mawudɔlaa ƒe nyawo eye wòtsɔ \"nya nyuiwo kple akɔfanyawo ɖo eŋu\" na mawudɔlaa. (Zak. 1:12, 13) Yehowa wɔ nu ɖe nyagblɔɖila Eliya hã ŋu nenema ke. Ɣeaɖeɣi la, nu te ɖe nyagblɔɖilaa dzi ale gbegbe be egblɔ na Yehowa be wòaɖe yeƒe agbe ɖa. Yehowa meŋe aɖaba ƒu Eliya ƒe seselelãmewo dzi o, ke boŋ edɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòaɖado ŋusẽe. Azɔ hã, Mawu ka ɖe edzi na nyagblɔɖilaa be menye eya ɖeka koe kpɔtɔ o. Esi Eliya se nya fadziname siawo hexɔ kpekpeɖeŋu si wòhiã megbe la, ete ŋu wɔ dɔ si Mawu de esi la. (1 Fia. 19:1-18) Le Yehowa Mawu subɔlawo katã dome la, ame kae ɖe eƒe nɔnɔme ɖedzesi si nye dɔmenyonyo la fia wu?\nYESU NYO DƆME NA AMEWO ETƆXƐE\nLe Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me la, amewo nyae be enyoa dɔme eye wòbua ame ŋu. Mewɔ ŋlɔmi le amewo ŋu alo zi eƒe didiwo ɖe amewo dzi gbeɖe o. Egblɔ na amewo veveseɖeamenutɔe be: \"Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. . . . Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe.\" (Mat. 11:28-30) Esi Yesu wɔa nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe ta la, amewo dzea eyome yia afi sia afi si wòayi. Amewo ƒe \"nu wɔ nublanui\" na Yesu, eya ta efia nu wo, eda gbe le dɔnɔwo kple ame siwo tsi teƒe ɖeka le lãmesẽkuxiwo ta la ŋu, eye wòfia 'nu geɖe' wo tso Fofoa ŋu.—Marko 6:34; Mat. 14:14; 15:32-38.\nYesu ƒe dɔmenyonyo gã la dze ƒãa le ale si wòse nu gɔme na amewo hewɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe la me. Le nyateƒe me la, exɔa ame siwo tsoa dzi blibo me dia eƒe kpekpeɖeŋu la \"nyuie,\" ne nu si wodi tso esi la made eya ŋutɔ dzi o gɔ̃ hã. (Luka 9:10, 11) Le kpɔɖeŋu me, esi nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém, si wɔe be eŋu mekɔ o eye wònɔ vɔvɔ̃m la ka asi Yesu ƒe awudziwui ŋu kple susu be yeahaya la, Yesu meka mo nɛ o. (3 Mose 15:25-28) Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe nyɔnu sia si kpe fu ƒe 12 la ŋu, eye wògblɔ nɛ be: \"Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye nàhaya tso wò dɔléle vɔ̃ɖi la si me.\" (Marko 5:25-34) Dɔmenyonuwɔna nyui ka gbegbee nye esi!\nDƆMENYONYO BIA BE MÍAWƆ NYUI NA AMEWO\nLe kpɔɖeŋu siwo me míedzro va yi me la, míede dzesii be nuwɔna mee woɖea dɔmenyonyo vavãtɔ fiana le. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la aɖe ŋu tsɔ ɖee fia be ehiã be míawɔ nu ŋutɔŋutɔwo atsɔ aɖe dɔmenyonyo afia. Togbɔ be Samariatɔwo kple Yudatɔwo menyina o hã la, ame si adzodalawo da adzoe heƒo wòku afã kple afã eye wogblẽe ɖi dzo la ƒe nu wɔ nublanui na Samariatɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me. Dɔmenyonyo ʋã Samariatɔ la wòɖe afɔ. Ebla ŋutsua ƒe abiwo nɛ eye wòkɔe yi amedzrodzeƒe aɖe. Eyome Samariatɔ la xe fe na amedzrodzeƒea dzi kpɔla be wòalé be na ŋutsu si dze afɔku la, eye wògblɔ be yeaxe nu sia nu si wòagagblẽ ɖe ŋutsua ŋu la ŋuti fe nɛ.—Luka 10:29-37.\nTogbɔ be nuwɔna mee míeɖea dɔmenyonyo fiana le zi geɖe hã la, míate ŋu aɖee afia to nya tuameɖowo kple nya siwo dea dzi ƒo na ame hã gbɔgblɔ me. Eya ta, togbɔ be \"nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi,\" abe ale si Biblia gblɔe ene hã la, egagblɔ kpee be \"nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.\" (Lod. 12:25) Ne míaƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu eye míedina be míawɔ nyui na amewo la, esia aʋã mí be míagblɔ nya siwo ade dzi ƒo na wo, eye esia wɔwɔ akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzɔ. * Nya siwo míagblɔ na wo dɔmenyotɔe la aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo. Esia ana dzi naɖo wo ƒo eye wòanɔ bɔbɔe na wo be woado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me tom wole la me.—Lod. 16:24.\nALE SI MÍAWƆ BE MÍANYE DƆMENYOLAWO\nEsi wònye be Mawu wɔ amegbetɔwo \"ɖe eƒe nɔnɔme nu\" ta la, anya wɔ na mí katã be míasrɔ̃ dɔmenyonyo. (1 Mose 1:27) Le kpɔɖeŋu me, le Sidon dugã la me la, Yulio, si nye Roma asrafomegã si nɔ Paulo ŋu dzɔm la, 'nyo dɔme na Paulo ŋutɔ, eye wòɖe mɔ nɛ be wòayi exɔlɔ̃awo gbɔ ne woakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ.' (Dɔw. 27:3) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Maltatɔwo \"nyo dɔme\" na Paulo kple ame bubu siwo ƒe tɔdziʋu gbã ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ema la \"eteƒe mekɔ o.\" Ƒukpoa dzi nɔlawo do dzo na wo be woaƒu gɔ̃ hã. (Dɔw. 28:1, 2) Wodze na kafukafu le nu siwo wowɔ la ta, ke hã, dɔmenyonyo bia nu geɖe wu dɔmenyonu wɔwɔ ɣeaɖewoɣi ko.\nHafi míate ŋu adze Mawu ŋu bliboe la, ele be dɔmenyonyo nanye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe eye wòanye nu si míewɔna ɖaa. Le esia ta la, Yehowa bia tso mía si be 'míado' dɔmenyonyo. (Kol. 3:12) Ke hã, menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míana mawumenɔnɔme nyui sia nanye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe o. Nu ka tae? Nu si tae nye be ɣeaɖewoɣi la, míehena ɖe megbe le dɔmenyonyo na amewo gome le ŋukpe, kakaɖedzimanɔamesi, tsitretsiɖeŋu alo ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme aɖewo siwo gakpɔtɔ le mía me la ta. Togbɔ be ele alea hã la, míate ŋu aɖu kplamatsɛdonu mawo dzi ne míeɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu eye míesrɔ̃ ale si Yehowa nyoa dɔmee.—1 Kor. 2:12.\nÐe míate ŋu ade dzesi go siwo me wòhiã le be míagawɔ geɖe wu le dɔmenyonyo gomea? Ele be míabia mía ɖokui be: 'Ðe meɖoa to sea amewo ƒe dzimenyawo veveseɖeamenutɔea? Ðe menɔa ŋudzɔ ɖe nu si mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu la ŋua? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si menyo dɔme na ame aɖe si menye nye ƒometɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli o?' Eyome míate ŋu aɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo, le kpɔɖeŋu me, míadze agbagba anya nu tso ame siwo dome míele la ŋu geɖe wu, vevietɔ Kristo hamea me tɔwo. To esia wɔwɔ me la, míava nya nɔnɔme siwo me tom wole kple woƒe nuhiahiãwo. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ele be míadze agbagba anyo dɔme na amewo le mɔ siwo míadi be amewo nanyo dɔme na mí le la nu. (Mat. 7:12) Mlɔeba, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míanye dɔmenyolawo ne míebia eƒe kpekpeɖeŋu.—Luka 11:13.\nDƆMENYONYO WƆA DƆ ÐE AMEWO DZI\nEsi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso nu vovovo siwo de dzesi eyama be enye Mawu ƒe subɔla ŋu la, eyɔ \"dɔmenyonyo\" hã. (2 Kor. 6:3-6) Ðetsɔleme si Paulo ɖe fia amewo to eƒe dɔmenyonuwɔnawo kple nuƒoƒo dzi la wɔe be amewo tena ɖe eŋu. (Dɔw. 28:30, 31) Nenema kee míawo hã míate ŋu ato ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe dzi ana nyateƒea sɔsrɔ̃ nadzro amewo. Ne míewɔa nu ɖe amewo katã ŋu dɔmenyotɔe, ne wotsi tsitre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã la, esia ate ŋu alé woƒe dziku nu eye wòana woakɔ dɔme ɖe mía ŋu. (Rom. 12:20) Eye ɖewohĩ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woava di be yewoase Biblia me gbedeasia.\nÐikeke mele eme o be le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me la, dzidzɔ gãe wòanye na ame gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre la be woakpɔ dɔmenyonyo vavãtɔ teƒe, ɖewohĩ zi gbãtɔ le woƒe agbe me. Woakpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyonyo si teƒe woakpɔ la ŋu ale gbegbe be woawo hã woawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu dɔmenyotɔe. Ɣemaɣi la, ame ɖe sia ɖe si agbe be yemanyo dɔme na ame bubuwo o eye madi be yeakpe ɖe wo ŋu o la manɔ Paradiso la me tegbee o. Ke hã, ame siwo ŋu Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖo la awɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me. (Ps. 37:9-11) Aleke gbegbe dedienɔnɔ kple ŋutifafa axɔ aƒe ɖe xexea mee nye esi! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, aleke dɔmenyonyo na amewo aɖe vi na mí fifia?\nALE SI DƆMENYONYO NA AMEWO ÐEA VII\nBiblia gblɔ be, \"Ame si nyoa dɔme la le nyui wɔm na eya ŋutɔ ɖokui.\" (Lod. 11:17) Ame si nyoa dɔme la ƒe nu dzɔa dzi na amewo, eye woawo hã wonyoa dɔme nɛ. Yesu gblɔ be: \"Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.\" (Luka 6:38) Le esia ta, enɔa bɔbɔe be dɔmenyola nadze xɔlɔ̃ nyuiwo.\nApostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvi siwo nɔ Efeso hamea me be 'woanyo dɔme na wo nɔewo, woƒe dɔme natrɔ ɖe wo nɔewo ŋu vevie, eye woatsɔ anɔ wo nɔewo kem faa.' (Ef. 4:32) Ne Kristo hamea me tɔwo katã sea veve ɖe wo nɔewo nu, wonyoa dɔme na wo nɔewo, eye wodina vevie be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu la, esia ɖea vi geɖe na hamea. Ewɔnɛ be womegblɔa nya tɔamewo na wo nɔewo o, eye womehea nya ɖe wo nɔewo ŋu alo gblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe wo nɔewo ŋu o. Le esi woakaka ameŋugblẽnyawo ɖe wo nɔewo ŋu teƒe la, wodzea agbagba be yewoazã yewoƒe aɖe atsɔ atu ame bubuwo ɖo. (Lod. 12:18) Eye esia wɔnɛ be hamea lia ke nyuie eye nɔviawo subɔa Yehowa kple dzidzɔ.\nƐ̃, dɔmenyonyo nye nɔnɔme aɖe si míeɖena fiana to míaƒe nyawo kple nuwɔnawo me. Ne míenyoa dɔme na amewo la, míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be míele mía Mawu lɔ̃ame Yehowa, si nyoa dɔme la srɔ̃m. (Ef. 5:1) Esia nana míaƒe hamewo lia ke nyuie eye wòhea amewo vaa subɔsubɔ vavãtɔ gbɔ. Neva eme be amewo nanya mí be míenye ame siwo nyoa dɔme!\n^ mm. 13 Míadzro nɔnɔme nyui si nye nyuiwɔwɔ me le nyati asieke siwo le vavam ɖe wo nɔewo yome, siwo dometɔ ɖe sia ɖe dzro Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe me la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-november-2018\/gb%C9%94gb%C9%94a-%C6%92e-kutsetse-d%C9%94menyonyo\/","date":"2018-12-10T06:18:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823318.33\/warc\/CC-MAIN-20181210055518-20181210081018-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980759025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980759024620056}","num_words":1982,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne menye Mawue nana míekpea fu oa, ke nu ka gbɔe wòtso be dɔ le ame gbogbowo wum, ahedada nu gbe tsotso, aʋa dziŋɔwo dzɔna, dɔléle vɔ̃ɖiwo lea amewo ƒua anyi eye dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna? Mawu ƒe Nya Biblia, na míenya be nu vevi etɔ̃ aɖewo koŋ gbɔe wòtso. Woawoe nye:\nÐokuitɔdidi, Ŋukeklẽ kple Fuléle. \"Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.\" (Nyagblɔla 8:9) Amegbetɔ madeblibo siwo nye ɖokuitɔdilawo kple tagbɔsẽlawo gbɔe wòtso be ame bubuwo kpea fu.\nAzãgbe kple Nuɖiɖeame. Zi geɖea amewo kpea fu elabe \"azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\" (Nyagblɔla 9:11) Esia fia be amewo nɔa teƒe aɖe evɔ womenya be afɔku aɖe ate ŋu adzɔ le vome le teƒe ma o, alo etsoa ame bubuwo ƒe ɖekematsɔleme alo nane si womewɔ nyuie o gbɔ.\nVɔ̃ɖitɔ Si Le Xexea Dzi Ðum. Biblia na míenya nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso eme kɔ. Egblɔ be: \"Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.\" (1 Yohanes 5:19) Satana Abosam, \"vɔ̃ɖitɔ\" la, ye nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu ma; enye mawudɔla tsã gake \"meli ke ɖe nyateƒe la me o.\" (Yohanes 8:44) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo wɔ ɖeka kplii eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu le ɖokuitɔdidi ta, si na wowɔ wo ɖokuiwo gbɔgbɔ vɔ̃wo. (1 Mose 6:1-5) Tso esime Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dze aglã la, wova kpɔ ŋusẽ vɔɖivɔ̃ɖi ɖe xexea dzi. Ele alea vevietɔ le míaƒe ŋkekea me. Fifia, dzi le Abosam kum vevie eye wòle \"anyigbadzinɔlawo katã blem\" si wɔe be wodo \"baba na anyigba.\" (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Dziɖula tagbɔsesẽtɔe Satana nye nyateƒe. Ne amewo le fu kpem la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Satanae nana amewo kpea fu, menye Mawu o.\nBU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Tagbɔsẽla si wɔa nu vɔ̃ɖi koe ana amewo nakpe fu. Gake Biblia gblɔ be: \"Mawu nye lɔlɔ̃.\" (1 Yohanes 4:8) Eya ta esi lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ ta la, \"Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!\"—Hiob 34:10.\nTogbɔ be ele alea hã, ànɔ ɖokuiwò biam be, 'Va se ɖe ɣekaɣie Mawu aɖe mɔ na Satana wòayi edzi anɔ dzi ɖum tagbɔsesẽtɔe?' Abe ale si míekpɔe ene la, Mawu lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míaƒe fukpekpewo tena ɖe edzi ŋutɔ. Azɔ hã, eƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be: 'Míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mí.' (1 Petro 5:7) Mawu lɔ̃ mí eye ŋusẽ le esi be wòaɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔ esia ɖo mee ene. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2018-sep-oct\/ame-kae-nana-m%C3%ADekpea-fu\/","date":"2018-12-10T22:01:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823445.39\/warc\/CC-MAIN-20181210212544-20181210234044-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986293316,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986293315887451}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia—Videowo\nTu aɖaŋu siwo le vevie na nuxexlẽ kple nufiafia le dutoƒo la ɖo.\nNUSƆSRƆ̃ 1\nNu kae nàte ŋu awɔ be nàna wò nyawo sese nadzro wò nyaselawo?\nNUSƆSRƆ̃ 2\nNe èle nu ƒom na amewo la, nu kae nàte ŋu awɔ be woaɖe dzi ɖi?\nNUSƆSRƆ̃ 3\nAleke nàte ŋu awɔ nyabiasewo ŋu dɔ atsɔ adzro nu me kple wò nyaselawo, atsɔ ana woayi edzi aɖo to, eye nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi?\nNUSƆSRƆ̃ 4\nAleke nàte ŋu akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be mawunyakpukpui siwo nàxlẽ tso Biblia me la naɖe vi na wo geɖe wu?\nNUSƆSRƆ̃ 5\nNu vevi kawoe akpe ɖe mía ŋu be míakɔ gbe dzi axlẽ nu si tututu le dzedzem le agbalẽ dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/nuxexl%E1%BA%BD-nufiafia-videowo\/","date":"2019-06-17T15:55:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998509.15\/warc\/CC-MAIN-20190617143050-20190617165050-00389.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991961122,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991961121559143}","num_words":122,"character_repetition_ratio":0.102,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃lawo le Galilea. Ede se vevi sia na wo be: 'Miyi ɖawɔ anyigbadzitɔwo katã woanye nusrɔ̃lawo. Mifia nu siwo mefia mi la wo eye mianyrɔ wo.' Eyome edo ŋugbe na wo be: 'Miɖo ŋku edzi be meli kpli mi ɣesiaɣi.'\nLe ŋkeke 40-awo me le Yesu ƒe tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la alafa geɖewo le Galilea kple Yerusalem. Efia nu vevi aɖewo wo eye wòwɔ nukunu geɖewo. Emegbe Yesu kple eƒe apostoloawo do go zi mamlɛtɔ le Amitoa dzi. Egblɔ na wo be: 'Migadzo le Yerusalem o. Minɔ nu si ƒe ŋugbe Fofo la do la lalam.'\nEƒe apostoloawo mese nu si wògblɔ la gɔme o. Wobiae be: 'Ðe nèle Israel-fia zu ge fifia?' Yesu gblɔ na wo be: 'Ɣeyiɣia mede na Yehowa be wòaɖom Fiae o. Madidi o miaxɔ ŋusẽ to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, eye mianye nye ɖasefowo. Miyi miaɖe gbeƒã le Yerusalem, Yudea kple Samaria va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.'\nEyome wokɔ Yesu yi dziƒo eye alilikpo aɖe tsyɔ edzi. Eƒe nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ yame kpɔm, gake ebú.\nNusrɔ̃lawo dzo le Amitoa dzi yi Yerusalem. Wokpena edziedzi le dziƒoxɔ aɖe dzi eye wodoa gbe ɖa. Wonɔ lalam be Yesu nana yewo mɔfiame bubuwo.\n\"Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.\"—Mateo 24:14","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/13\/yesu-dzo-yina-dzi%C6%92o\/","date":"2019-06-24T17:42:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999620.99\/warc\/CC-MAIN-20190624171058-20190624193058-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999214828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992148280143738}","num_words":232,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo tsɔ wɔ ale si Yehowa kpɔa nublanui na míi la ƒe kpɔɖeŋu.\nAbe ale si míate ŋu anya ale si gbegbe dziƒo didi tso anyigba gbɔe o ene la, nenema kee míate ŋu ase ale si gbegbe Yehowa ƒe amenuveve de toe gɔme bliboe o\nYehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo yia adzɔge ʋĩi abe ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe ene\nAbe ale si vifofo ƒe dɔme trɔna ɖe via si xɔ abi ŋu ene la, nenemae Yehowa hã kpɔa nublanui na nu vɔ̃ wɔla trɔdzime siwo se veve ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug15-21\/psalmo-103-mawu-%C6%92e-nublanuikp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2019-06-27T05:01:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9903291464,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9903291463851929}","num_words":98,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.982,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be ya nyui, tsi nyui kple nuɖuɖu nyuiwo le anyigba dzi hã la, amegbetɔwo yi edzi le nu gblẽm le dzɔdzɔmenu siawo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem vevie be yewoaɖɔ nɔnɔmea ɖo do kpoe.\nAustralia\nWobu akɔnta be tsi si me dze mele fũu o ƒe agbɔsɔsɔme si axɔ teƒe si ƒe kekeme, kɔkɔme kple didime nye kilometa 500,000 ye le atsiaƒu gã gbanaa la gɔme. Aƒetɔ Vincent Post si le Flinders Yunivɛsiti le Adelaide gblɔ be: \"Atsiaƒu yi gɔme tsã wu fifia,\" eye anyigba kɔ gbɔ atsiaƒua ta boo. Ɣemaɣi la, tsidzadza \"ɖɔna ɖe teƒe siwo va le atsiaƒuwo te egbea.\" Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le mɔ kpɔm be tsi gbogbo mawo siwo le atsiaƒu gɔme la akpe ɖe ame miliɔn 700 kple edzivɔwo siwo mekpɔa tsi nyui wòsuna na wo o la ŋu.\nSahara Dzogbe\nLã gã siwo nɔa Sahara tsã la ƒe afã nu yi alo wova tsi teƒe sue aɖe si ƒe lolome mede teƒe tsãtɔ si wonɔ la ƒe akpa ɖeka le alafa me nu o. Nu siwo gbɔ esia tso la ƒe ɖewoe nye ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo yia edzi le nuto mawo me kple ale si ame geɖewo daa ade lãwoe. Togbɔ be nu gbagbe siwo nɔa dzogbewo ƒe agbɔsɔsɔ ate ŋu ade esiwo le ave dodowo me nu hã la, numekulawo gblɔ be, \"esi womenaa gakpekpeɖeŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo o tae womeléa ŋku ɖe nu gbagbe siwo le dzogbewo la ŋu o.\" Esia na wòsesẽ na ame siwo kpɔa nu gbagbewo dzi le dzogbe la be woanya lãwo ƒe agbɔsɔsɔme ahalé ŋku ɖe wo ŋu.\nXexea Me\nWobu akɔnta be yame ƒe ɖiƒoƒoe wu ame siwo katã ku le ƒe 2012 me la dometɔ ɖeka le enyi me. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be \"yame ƒe ɖiƒoƒo gbɔe lãmesẽkuxi gãtɔ tsona fifia.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201506\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu-nutoa-me\/","date":"2019-06-27T06:15:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000894.72\/warc\/CC-MAIN-20190627055431-20190627081431-00510.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983327985,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983327984809875}","num_words":291,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mekafu miaƒe habɔbɔa me tɔwo ɖe ale si mietsɔa didi vevie wɔa dɔ na Mawu fiaɖuƒe la dzonɔamemetɔe la ta. Míekpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe miaƒe agbagbadzedzewo kple nu nyui siwo miewɔna wòɖea vi na mia nɔvi Yehowa Ðasefowo kple nutoa me tɔwo siaa la ŋu.\"\nEsia nye lɛta si Aƒetɔ Kasim Reed, si nye Atlanta-du si le Georgia le Amerika ƒe dudzikpɔla, ŋlɔ na Yehowa Ðasefowo la me nya aɖewo. Eŋlɔ lɛta sia tsɔ do wòezɔ na takpekpe gã etɔ̃ siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le du ma me la valawo.\nNenema ke Atlanta Dudzikpɔha ɖe gbeƒã nya aɖe tsɔ do wòezɔ na takpekpevalawo. Egblɔ be: \"Yehowa Ðasefo miliɔn enyi kloe le xexea me, mienye . . . gbegbɔgblɔ alafa geɖe dolawo . . . gake taɖodzinu ɖekae le mia si . . . [Eyae nye be] miedi be yewoade bubu Yehowa, Biblia ƒe Mawu la, ame si nye nuwo katã Wɔla la ŋu.\"\nWowɔ takpekpe etɔ̃ siawo le July kple August 2014 me le du sia me, wowɔ eve le Eŋlisigbe me eye wowɔ ɖeka le Spaingbe me. Takpekpevalawo tso dukɔ 28 ya teti me, eye wonɔ Eŋlisigbe me takpekpeawo gɔme ɖem ɖe Russiagbe kple Japangbe me enumake ale be wòaɖe vi na takpekpea vala siwo doa gbe siawo. Takpekpe etɔ̃awo katã valawo ƒe xexlẽmee nye 95,689.\nLe ƒe 2014 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ dukɔwo dome takpekpe 24 le dukɔ asieke me, wowɔ wo dometɔ 16 le United States (États-Unis) ƒe teƒe vovovowo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/atlanta-x%C9%94-yehowa-%C9%96asefowo-atuu\/","date":"2019-06-18T13:48:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998724.57\/warc\/CC-MAIN-20190618123355-20190618145355-00279.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991331697,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991331696510315}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Míele agbe le nuŋeɣi me;\nMɔnukpɔkpɔ vavã wònye.\nNukuawo ƒu keŋkeŋ na ŋeŋe;\nMíele gome kpɔm le dɔa me.\nYesu Kristo ye le dɔa dzi kpɔm,\nEɖo kpɔɖeŋu nyui na mí.\nGomekpɔkpɔ le nuŋeŋedɔa me\nNye dzidzɔ kple bubu na mí.\n2. Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi\nƑoe ɖe mía nu míedoa vevie.\nGbeƒãɖeɖe kple nufiafia hiã\n'Labe nuwuwua tu aƒe.\nDzidzɔ geɖe le dɔ nyui sia me;\nYayra si'o míekpɔna sɔ gbɔ.\nMíado dzi le Mawu ƒe dɔ la me,\nAwɔe va se ɖe nuwuwu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/64-kp%C9%94-gome-le-nu%C5%8Be%C5%8Bed%C9%94a-me-dzidz%C9%94t%C9%94e\/","date":"2019-06-26T06:03:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000175.78\/warc\/CC-MAIN-20190626053719-20190626075719-00320.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988471866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988471865653992}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2013\nTata sia dzro ale si nuwɔwɔwo ɖe Wɔlaa ƒe ŋusẽ kple nunya fiae me. Àkpɔ ale si míate ŋu anɔ agbe ɖe Yesu ƒe gbedodoɖa aɖe nu hã.\nKpɔ nu si ʋã ame aɖewo woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, dzra woƒe nunɔamesiwo heʋu yi Philippines ƒe nuto saɖeagawo me.\nSrɔ̃ ale si nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu woanya ame si tututu Wɔla la nye kple ale si nàdo ŋusẽ wò xɔse.\nNu kae míawɔ be míagazu Satana ƒe kluviwo o? Teƒeɖoɖo kawoe asu ame siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe abe kluviwo ene la si?\nAGBEMEŊUTINYA\nMalcolm kple Grace Allen dometɔ ɖe sia ɖe subɔ Yehowa wu ƒe 75. Xlẽ nu tso ale si wova kpɔe be Yehowa yraa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋu.\nNu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Lewi viwo ƒe gbedodoɖa me? Nu kae nàwɔ be wò gbedodoɖawo nanyo?\nEsi Yesu do gbe ɖa la, etsi dzi ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu wu eya ŋutɔ ƒe didiwo. Aleke míate ŋu anɔ agbe ɖe eƒe gbedodoɖaa nui?\nKpɔ ale si ame aɖewo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ɖia ɖase na ame siwo wodoa goe le woƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20131015\/","date":"2019-06-17T22:44:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998581.65\/warc\/CC-MAIN-20190617223249-20190618005249-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965254068,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965254068374634}","num_words":202,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Tsatsadada dzi ko menɔna. Medo gbe ɖa be maɖu ga gã aɖe. Gake meva eme o.\"—Samuel, * si le Kenya.\n\"Esime menɔ suku la, gbedodoɖa siwo wofia mí míelé ɖe tame la koe míegbugbɔ gblɔna.\"—Teresa, si le Philippines.\n\"Ne medo go kuxiwo la, medoa gbe ɖa. Mebiaa Mawu hã be wòatsɔ nye nu vɔ̃wo akem, eye wòakpe ɖe ŋunye manye Kristotɔ nyui.\"—Magdalene, si le Ghana.\nSamuel, Teresa kple Magdalene ƒe nyawo ɖee fia be susu siwo ta amewo doa gbe ɖa ɖo la le vovovo; ɖewo nye susu vavãwo wu bubuwo. Ame aɖewo doa gbe ɖa tso dzi blibo me, ke ame aɖewo tɔ nyea nyagbɔgblɔ dzro ko. Ke hã ame miliɔn alafa geɖe kpɔe be ehiã be yewoado gbe ɖa. Le kpɔɖeŋu me, wodoa gbe ɖa be yewoakpɔ dzidzedze le sukudodokpɔ me, be yewoƒe bɔlƒoha vevitɔ naɖu dzi, be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu yewoƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo, kple bubuawo. Numekukuwo ɖee fia be ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o gɔ̃ hã doa gbe ɖa edziedzi.\nKe wò ya ɖe, ɖe nèdoa gbe ɖa? Ne èdoa gbe ɖa la, nu ka ŋue nèdoa gbe ɖa le? Èdoa gbe ɖa loo alo mèdoa gbe ɖa o, ɖewohĩ àbia be: 'Ðe nu nyui aɖe dona tso gbedodoɖa me vavã? Ðe ame aɖe sea gbedodoɖawoa?' Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, ɖeko gbedodoɖa naa dzidzeme ame, abe ale si ko nuƒoƒo na aƒemelã si womlã hã naa dzidzeme ame ene. Susu ma tɔgbie le lãmesẽŋutinunyala aɖewo hã si; wogblɔ be gbedodoɖa nye \"gbedada ƒe mɔnu bubu aɖe.\" Ame aɖewo susuna be kɔnu dzro aɖe koe gbedodoɖa nye, alo ne aɖe vi aɖe gɔ̃ hã la, ɖeko wòana ame ƒe dzi nadze eme. Nyateƒe yea?\nGake Biblia ya ɖee fia be menye dzidzeme koe gbedodoɖa nana o, ke ewɔa nu si de ŋgɔ sãsãsã wu ema. Biblia na míenya hã be ame aɖe sea gbe siwo amewo dona ɖa le mɔ nyuitɔ nu kple le susu nyuitɔ ta. Nyateƒe yea? Na míakpɔ nu si ta míeka ɖe edzi ɖo la ɖa.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151001\/do-gbe-%C9%96a-na-mawu\/","date":"2019-06-17T01:21:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998339.2\/warc\/CC-MAIN-20190617002911-20190617024911-00538.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971904755,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971904754638672}","num_words":339,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le June 6 va ɖo 16, 2013 la, ame miliɔn geɖe ɖi tsa tso xexea me godoo va Rouen-melidzeƒe le France ƒe dziehe hena gomekpɔkpɔ le xexea me ƒe ƒutakpekpe gãtɔwo kple esiwo léa dzi na ame wu la dometɔ ɖeka si nye Armada la me.\nXexea me ƒe meli nyuitɔwo kple kɔkɔtɔwo zɔ kilometa 120 le Seine-tɔsisi nyakpɔ si le Normandy la dzi va ɖi go ɖe ƒuta si keke kilometa adre si wodzra ɖo nyuie hena azãɖuɖu. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su vavalawo si ŋkeke ewo sɔŋ woyia meli kɔkɔ xɔŋkɔ 45 siawo siwo wotsɔ va afi ma hena azãɖuɖu sia la me faa.\nNu kae ʋã ame gbogbo siawo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa wode Armada ƒe wɔna sia teƒe? Le ame si ɖo Armada ƒe wɔna sia anyi hewɔ ɖoɖo ɖe eŋu ƒe nya nu la, wɔnaa naa mɔnukpɔkpɔ amewo be \"woate ɖe 'tɔdziʋu gã' siawo siwo me yiyi dzroa mí vevie la ŋu.\" Le nyateƒe me la, meli gã siawo me yiyi nana ɖeviwo kple tsitsiawo siaa sena le wo ɖokuiwo me be yewozɔ mɔ yi didiƒe ʋĩ eye yewole ablɔɖe me.\nMɔnukpɔkpɔ su tsaɖila akpe geɖewo hã si wose nu tso ablɔɖe ƒomevi bubu aɖe ŋu, esiae nye ablɔɖe si Biblia me nyateƒea naa ame. (Yohanes 8:31, 32) Ne tsaɖilaawo to blemadu nyakpɔ Rouen me va yina la, wokpɔa Yehowa Ðasefo siwo le afi ma ƒe kekevi siwo dzi woɖo woƒe agbalẽwo ɖo la godoo. Ne nukpɔlawo alo melimenɔlawo te ɖe agbalẽawo ŋu la, wogblɔna na wo be woate ŋu atsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ ɖe sia ɖe faa femaxee. Ameawo dometɔ geɖe tsɔ ɖe le Gbetakpɔxɔ nyati si nye \"Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O—Ɣekaɣie Wòava?\" me eye wokpea wo be woava se Biblia me nuƒo aɖe si woaƒo le Fransegbe, Eŋlisigbe alo Spaingbe me.\nAfi ma tɔwo kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna sia ŋu ŋutɔ. Ewɔ nuku na ŋutsu aɖe esi wòkpɔ Yehowa Ðasefowo wotɔ ɖe kekeviwo gbɔ le amewo dome, eye wògblɔ be: \"Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mieva le gbeƒã ɖem le ablɔ dzi. Mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si mieʋlia miaƒe dzixɔsewo ta la ŋu togbɔ be menye miaƒe hametɔe menye o hã.\" Esi ŋutsu eve aɖewo do go sɔhɛ Ðasefo siwo le dutoƒoɖaseɖiɖidɔ sia wɔm la, wogblɔ na wo be: \"Nenye dada na mi be yewonye Ðasefowo!\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94\/armada-2013\/","date":"2019-06-27T07:29:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000894.72\/warc\/CC-MAIN-20190627055431-20190627081431-00547.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988357425,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988357424736023}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"United States\nWotrɔ asi le ʋutɔkaɖi 4,500 kloe siwo le Los Angeles si le California ŋu wowɔa dɔ aduadu. Dua ƒe teƒe siwo katã wowɔ ɖoɖo sia le ƒe kekeme ade kilometa 1,215. The New York Times gblɔ be, Los Angeles ye nye \"xexemedu gã gbãtɔ si me wowɔ nu sia le kpɔ.\"\nXexea Me\nNumekuku siwo wowɔ tso lãmesẽnyawo ŋu le xexea me ɖee fia be ame siwo lolo akpa ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi 82 le alafa me le ƒe 1990 kple 2010 dome. Togbɔ be nuɖuɖunyawo gale fu ɖem le dukɔ geɖewo me hã la, ame siwo kuna le lolo akpa ta sɔ gbɔ wu ame siwo kuna le nu nyui makpɔɖu ta ƒe teƒe etɔ̃. Le nyateƒe me la, numekula mawo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Majid Ezzati gblɔ be: \"Míeɖe xexe aɖe si me amewo mekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo o le la ɖe megbe ƒe 20 aɖewoe nye esia heva le xexe aɖe si me nuɖuɖu kple nuɖuɖu siwo medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu fũu na míele dɔ lém la me, eye ele alea le dukɔ madeŋgɔwo gɔ̃ hã me.\"\nMidway Ƒukpo\nWoka nya ta be xe si woyɔna be Laysan albatross si nye \"xexea me ƒe xe tsitsitɔ si ŋu wònya nu tsoe\" la gaƒo viwo. Ƒe nenie xe sia xɔ? Axɔ abe ƒe atɔ̃ ene esi wode dzesi eŋu le ƒe 1956 me, si fia be exɔ wu ƒe 60 fifia. Albatross sia anya dzo kilometa miliɔn 3 va ɖo 4 le eƒe agbenɔɣi, didime sia sɔ kple mɔzɔzɔ tso anyigba dzi yi ɣleti dzi, yiyi kple gbɔgbɔ zi ene va se ɖe zi ade sɔŋ.\nSouth Africa\nNumekuku aɖe ɖee fia be South Africa nyɔnu ɖeka le etɔ̃ me zãa ŋutikodzalẽ kple ŋutikomiwo tsɔ koa alo klɔa ŋuti. Ŋutikonu siawo gblẽa nu le ame ŋu, eya ta dukɔ geɖe de se ɖe wo nu. Afɔku siwo nu siawo zazã hena vɛ la dometɔ aɖewoe nye kansadɔ vovovowo, ayikudɔ, dzimaɖitsitsi, blanuiléledɔ kple ŋutsetse, eye wofiãa amewo ƒe ŋutigbalẽ hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201404\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-26T13:47:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00170.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984467626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984467625617981}","num_words":329,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"'Mawu ƒe ŋku le amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.'—HIOB 34:21.\nNU SI TAE AME AÐEWO KEA ÐI: Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be ɣletinyigba siwo ƒe xexlẽme ade biliɔn 100 kloe ye le ɣletivihatsotso si me míaƒe anyigbaa le la ɖeɖe ko me. Esi ame geɖe bu ale si gbegbe míaƒe ɣletivihatsotsoa loloe ŋu la, wobia be, 'Nu ka tae wòahiã be Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋku nanɔ mí amegbetɔ siwo le nyaŋui le anyigba sue sia dzi la ŋu?'\nNYA SI MAWU ƑE NYA LA GBLƆ: Menye ɖeko Yehowa Mawu tsɔ Biblia la na mí ko hegblẽ mí ɖi o. Ke boŋ egblɔ na mí kakaɖedzitɔe be: \"Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.\"\nBu Hagar, si nye Egipte nyɔnu aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 20 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe ŋutinyaa ŋu kpɔ. Hagar megava dea bubu eƒe aƒenɔ Sarai ŋu o, eya ta Sarai bɔbɔe ɖe anyi, eye Hagar si yi gbedadaƒo. Ðe Mawu gblẽ Hagar ɖi le esi wòwɔ vodada sia ta? Biblia gblɔ be: \"Yehowa ƒe dɔla kpɔe.\" Mawudɔla ma fa akɔ na Hagar hegblɔ nɛ be: \"Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti.\" Esia ta Hagar gblɔ na Yehowa be: \"Wòe nye Mawu nu sia nu kpɔla!\"\n\"Mawu nu sia nu kpɔla\" ƒe ŋku le wò hã ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me: Vidada lɔ̃ame ƒe ŋku nɔa via suewo ŋu, elabena zi ale si ɖevia le sue la, zi nenemae edzilawo ƒe ŋku nɔa eŋu wu. Nenema kee ne nu te ɖe mía dzi eye wɔna vɔ le mía ŋu la, ɣemaɣi tututue Mawu ƒe ŋku nɔa mía ŋu wu. Yehowa gblɔ be: \"Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame siwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.\"\nKe hã àbia be: 'Aleke Mawu ƒe ŋku nɔa ŋunye? Ame si menye le gotagome ŋue wòléa ŋku ɖo loo, alo ame si menye le ememee wòkpɔna? Ðe wòsea nye nɔnɔmewo gɔme nama?'","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140801\/mawu-%C6%92e-%C5%8Bku-le-%C5%8Buw%C3%B2\/","date":"2019-06-25T01:37:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999783.49\/warc\/CC-MAIN-20190625011649-20190625033649-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976901412,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976901412010193}","num_words":357,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi nàte ŋu azã Watchtower Library la, nu siwo wòhiã be woanɔ wò kɔmpiuta ŋue nye Pentium-compatible processor (alo Processeur compatible Pentium) alo esi de ŋgɔ wu ema, Microsoft Windows 7 alo esi de ŋgɔ wu. Ne mede ɖeke o la, dɔwɔnua hiã RAM si ƒe lolome nye 48 MB, eye ele be mɔ nanɔ wò C: drive la dzi wòade 3 GB.\nDe dzesii: Ne Microsoft Windows 7 ye le wò kɔmpiutaa dzi la, ke gbã la, ehiã be nàyi Internet dzi ahadi kɔmpiuta dzi dɔwɔnu si aɖe mɔ na wò be nàda ISO faɛl ɖe wò kɔmpiutaa dzi eye nàwɔ eƒe kɔpi. Àte ŋu akpɔ dɔwɔnu sia ƒe ɖe ne èyi Microsoft ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/watchtower-library\/K%C9%94mpiuta-Si-T%C9%94gbi-Hi%C3%A3\/","date":"2019-06-17T05:13:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998376.42\/warc\/CC-MAIN-20190617043021-20190617065021-00526.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987118244,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987118244171143}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nane nɔ ɖiɖim xotsoxotso\"\nWilliam Tyndale kple ame bubuwo ɖe Biblia gɔme ɖe Eŋlisigbe kple gbegbɔgblɔ bubuwo me\n\"Lãmeka kple lãkusi\"\nCharles T. Russell kple eƒe zɔhɛwo gbugbɔ Biblia me nyateƒeawo ɖo te\n\"Wogbɔ agbe hetso ɖe woƒe afɔwo dzi\"\nEsi Yehowa ƒe amewo 'gbɔ agbe' le ƒe 1919 me la, wogade dzo gbeƒãɖeɖedɔa me\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nTadedeagu Dzadzɛ—Si Wogaɖo Te Vivivi\nDZEDZEME","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B-si-woga%C9%96o-te-vivivi\/","date":"2019-06-27T05:03:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998865366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988653659820557}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! February 2014 | Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Le Nunya Me\nNe ɣeyiɣi aɖe nu va yi ko la, enu yi tegbee. Bu nu ene siwo kpe ɖe ame geɖewo ŋu wozã woƒe ɣeyiɣi le mɔ nyuitɔ nu ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: nyiɖutsɔtsɔ gbã de le Malaysia, womegale kakam ɖe sɔlemehaa dzi le Italy o, dɔléle siwo le Afrika kple ɖeviwo ƒe tsatsadada le Australia.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAme geɖewo dzea agbagba be yewoaƒo nu kple kukuawo, gake nya kae Biblia gblɔ tso nuwɔna sia ŋu\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMɔ siwo dzi nàto azã wò ɣeyiɣiwo la dometɔ ɖekae nye be nàbu wò agbe ŋu le mɔ eve nu. Woawoe nye kawo?\nINTERVIEW\nÐɔkta Hans Kristian Kotlar srɔ̃ nu tso dɔlélenutsiŋutete ŋu, eye esia na wòva nɔ nya geɖe biam tso ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ ŋu. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe eŋu wòkpɔ ŋuɖoɖo na eƒe nyabiaseawo?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nKpɔ ale si konstantino ƒe dunyahehe kple eƒe subɔsubɔnuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe sɔleme geɖewo ƒe dzixɔsewo kple woƒe nuwɔnawo dzi egbeae ɖa.\nHELP FOR THE FAMILY\nNyɔnuvi geɖe tsia dzodzodzoe ne wole go dom tɔtrɔ siwo doa mo ɖa ne wole sɔhɛme ɖom. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu?\nWAS IT DESIGNED?\nAleke nusɔsrɔ̃ tso nudzodzoevi sia ŋu te ŋu kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu wowɔ LED, si klẽna nyuie wu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe ètsia dzi ɖe wò dzedzeme ŋu fũu akpa la, kpɔ ale si nàwɔ ada asɔ la ɖa?\nAlakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?\nÐe wòle eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu sia? Afɔku kawoe le eme? Ahiãmoɖoɖo koe wònyea?\nÐe wòsesẽna na wò be nàɖu nu ɖe ɖoɖo nu ahade kamea? Le video kpui sia me la, sɔhɛwo gblɔ nu siwo wowɔna hafi nɔa lãmesẽ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201402\/","date":"2019-06-25T11:33:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.23\/warc\/CC-MAIN-20190625112522-20190625134522-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992357492,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992357492446899}","num_words":320,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"HAFI Dawid naku la, etsɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzidzeme, si tso Mawu gbɔ la na Salomo. Le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Salomo dze gbedoxɔ la tutu gɔme, eye wòtsɔ ƒe adre kple afã tui. Ame akpe nanewo wɔ dɔ le gbedoxɔ la ŋu, eye wogblẽ ga geɖe ɖe xɔa tutu ŋu. Elabena wozã sika kple klosalo geɖe.\nXɔ gã eve le gbedoxɔ la ŋu abe alesi wònɔ le avɔgbadɔ la me ene. Gake xɔ siawo lolo wu avɔgbadɔa tɔ teƒe eve. Salomo na woda nubablaɖaka la ɖe gbedoxɔa ƒe emetɔa me, eye nu bubu, siwo le gbedoxɔa me la le xɔ evelia me.\nEsi wowu gbedoxɔa nu la, woɖu ŋkekenyui gã aɖe. Salomo dze klo ɖe gbedoxɔ la ŋkume hedo gbe ɖa abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene. Salomo gblɔ na Yehowa be: 'Dziƒoa katã gɔ̃ hã melolo na wò o, kaka wòahanye gbedoxɔ sia, si metu na wò. Gake, Oo nye Mawu, taflatse se wò dukɔ la ƒe gbedodoɖa ɖe teƒe sia ŋu.'\nEsi Salomo do gbe ɖa vɔ la, dzo tso dziƒo va. Efiã lã ƒe vɔsa, si woɖo anyi la. Eye keklẽ aɖe tso Yehowa gbɔ yɔ gbedoxɔ la taŋ. Esia fia be Yehowa le to ɖom, eye ekpɔ ŋudzedze ɖe gbedoxɔ la kple Salomo ƒe gbedodoɖa la ŋu. Fifia gbedoxɔ la zu afisi ameawo va dea ta agu le, ke menye avɔgbadɔ me o.\nSalomo ɖu fia le nunya me hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye ameawo kpɔ dzidzɔ. Gake Salomo ɖe nyɔnu geɖe tso dukɔ bubuwo me, amesiwo mesubɔa Yehowa o. Èkpɔ wo dometɔ ɖeka wòle legba subɔma? Mlɔeba la, Salomo srɔ̃wo na eya hã subɔ mawu bubuwo. Ne Salomo wɔ nusia la, ènya nusi dzɔna? Megagbɔa dzi ɖi na ameawo o. Enɔa ŋuta sẽm, eye ameawo megakpɔa dzidzɔ azɔ o.\nEsia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, eye wògblɔ nɛ be: 'Maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò atsɔ na ame bubu. Nyemawɔ esia le wò agbenɔɣi o, ke boŋ le viwò ƒe fiaɖuɣi. Gake nyemaxɔ fiaɖuƒea teviwo katã le viwò si o.' Na míakpɔ alesi esia dzɔe la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/salomo-%C6%92e-gbedox%C9%94\/","date":"2019-06-18T21:46:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00291.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974699616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997469961643219}","num_words":351,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Yesu kple eƒe apostoloawo ɖi tso dziƒoxɔa me la, woyi ɖe Getsemane-bɔa me. Wova afisia kpɔ zi geɖe. Fifia Yesu gblɔ na wo be woanɔ ŋudzɔ ahado gbe ɖa. Eye wòyi ŋgɔ ʋɛ, eye wòtsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa.\nEmegbe la, Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ. Nukae nèsusu be wole wɔwɔm? Wodɔ alɔ̃! Yesu gblɔ na wo zi etɔ̃ be woanɔ ŋudzɔ; gake ɣesiaɣi, si wòtrɔ va wo gbɔ la, wonɔ alɔ̃ dɔm. Esi Yesu va zi mamlɛtɔ la, egblɔ be: 'Gaƒoƒo sia dzie wòle be miadɔ alɔ̃a? Gaƒoƒo la de azɔ be woadem asi na nye futɔwo.'\nLe ɣeyiɣi ma me tututu la, wose ameha gã aɖe ƒe zinyenye. Kpɔ ɖa! Ameawo tsɔ yiwo kple kpowo gbɔnae! Eye wolé akakatiwo ɖe asi be woakpɔ nui. Esi wote ɖe wo ŋu la, ame aɖe do le amehawo dome heva Yesu gbɔ tututu. Egbugbɔ nu nɛ abe alesi nàkpɔe le afisia ene. Ŋutsu lae nye Yuda Iskariot! Nukatae wògbugbɔ nu na Yesu?\nYesu bia be: 'Yuda, ɖe nètsɔ nugbugbɔ fia yonyeme mɔa?' Ẽ, nugbugbɔ la nye dzesi. Ena amesiwo kplɔ Yuda ɖo la nya be Yesu, amesi dim wole lae nye esi. Eyata Yesu ƒe futɔwo zɔ ɖe edzi helée. Gake Petro maɖe mɔ woakplɔ Yesu adzoe aʋa mawɔmawɔe o. Eɖe eƒe yi, si wòts�� ɖe asi la heda amesi te ɖe eŋu la. Yi la da ŋutsu la ƒe ta ƒu hekpa eƒe nuɖusi me to. Gake Yesu ka asi ŋutsu la ƒe to ŋu eye wònye tre.\nYesu gblɔ na Petro be: 'Tsɔ wò yi la de eteƒe. Ðe mènya be mate ŋu abia Fofonye be wòanam mawudɔla akpe geɖe be woaɖem oa?' Ẽ, ate ŋui! Gake Yesu mebia be Mawu naɖo eƒe dɔla aɖeke ɖa o, elabena enya be gamea de be yeƒe futɔwo nalé ye. Eyata ena wokplɔe yii. Na míakpɔ nusi va dzɔ ɖe Yesu dzi azɔ la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-getsemane-b%C9%94a\/","date":"2019-06-16T08:50:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998084.36\/warc\/CC-MAIN-20190616082703-20190616104703-00270.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994469285,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994469285011292}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame aɖeke mate ŋu akpɔ Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la aganɔ agbe o. (2 Mose 33:20) Gake Yehowa na Ezekiel kpɔ ŋutega siwo na wòkpɔ ale si Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la le, menye ɖeko ŋutega siawo awɔ nuku na mí o, ke boŋ woana míakpɔ ŋudzedze geɖe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míasubɔ Mawu vavã ɖeka la ŋu.\nLE AKPA SIA\nTA 3\nEzekiel ŋutega gbãtɔ na gbɔgblɔ bu ɖee. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea la ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eme.\nTA 4\nYehowa ɖe nu siwo wokpɔna fia Ezekiel be woakpe ɖe mía ŋu míase nu ŋutɔŋutɔ siwo womekpɔna o la gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/dzi%C6%92owo\/","date":"2019-06-26T19:20:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000414.26\/warc\/CC-MAIN-20190626174622-20190626200622-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968113899,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968113899230957}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi medo go le sekɛndrisuku le January 1937 me la, meva de Iowa State University, si medidi tso afi si míenɔ o, le United States ƒe titinaɣetoɖoƒe. Esi wònye be menɔ sukua dem hafi ganɔ dɔ wɔm be matsɔ axe nye sukufe ta la, vovo menɔa ŋunye kura o. Nusɔsrɔ̃ tso xɔ kɔkɔwo kple tɔdzisasrãwo ŋu doa dzidzɔ nam esime menye sɔhɛ.\nLe ƒe 1942 ƒe gɔmedzedze esime United States de nu Xexemeʋa II lia me vɔ megbe teti la, menɔ ƒe atɔ̃lia me le yunivɛsiti eye wòsusɔ ɣleti ʋɛ aɖewo ko maxɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ le xɔtuɖaŋununya me. Mía kple ame eve bubuwo míenɔ xɔ ɖeka me le dziƒoxɔ aɖe dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be maɖo dze kple ame si \"vaa ɖekakpuiawo gbɔ le dziƒoxɔa te.\" Aleae wòdzɔe be meva do go John O. (Johnny) Brehmer, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka. Ale si wòtea ŋu kpɔa nyabiase ɖe sia ɖe ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me la wɔ nuku nam ŋutɔ. Esia wɔe be mena Johnny va nɔ Biblia srɔ̃m kplim edziedzi, eye mía kplii míeyina ɖaɖea gbeƒã ɣesiaɣi si wòanya wɔ nam.\nJohnny fofo, Otto, va zu Ðasefo esime wònye gadzraɖoƒe aɖe si nɔ Walnut le Iowa la ƒe amegã. Otto ɖe asi le ɖoƒe ma gbegbe ŋu va tsɔ eɖokui ƒo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. Kpɔɖeŋu nyui si eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ɖo la do ŋusẽm mewɔ nyametsotso vevi aɖe emegbe.\nƔEYIƔIA DE BE MATSO NYA ME\nGbe ɖeka, sukua dzi kpɔla gblɔ nam be nyemegale agbagba dzem le nye sukudɔwo me o, eye womate ŋu anɔ te ɖe agbagba siwo medze va yi dzi ana ɖaseɖigbalẽm o. Meɖo ŋku edzi be medo gbe ɖa na Yehowa Mawu vevie heɖe kuku nɛ be wòafia nu si mawɔ lam. Esia megbe kpuie la, woyɔm be mayi aɖakpe kple míaƒe nufialagã si fiaa xɔtuɖaŋununya mí. Egblɔ nam be yexɔ agbalẽ tso dɔwɔƒe aɖe si le xɔtuɖaŋunyala dim la gbɔ eye yeɖo eŋu na wo xoxo be malɔ̃ awɔ dɔ ma. Meda akpe na nufialagã la, gake meɖe nu si tae meɖoe be matsɔ subɔsubɔdɔwɔwɔ na Yehowa awɔ nye agbemedɔe la me nɛ. Le June 17, 1942 me la, mexɔ nyɔnyrɔ, eye esia megbe kpuie ko la, mezu mɔɖela, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefo siwo ɖea gbeƒã ɣeyiɣiawo katãe.\nEmegbe le ƒe 1942 ma ke me la, dziɖuɖua na agbalẽm be mawɔ asrafodɔ, si wɔe be meyi dɔdzikpɔla siwo xɔa ame ɖe asrafodɔ me la gbɔ, eye meɖe nu me na wo be nye dzitsinya maɖe mɔ nam be mawɔ aʋa o. Metsɔ agbalẽ si ɖi ɖase tso nye agbenɔnɔ nyui kple xɔtuɖaŋununya ƒe ŋutete tɔxɛa ŋu, si mexɔ tso nye sukua ƒe nufialagãwo gbɔ la fia wo. Togbɔ be mexɔ ɖaseɖiɖi nyui sia hã la, woka tohefe nam be maxe Amerika dɔlar 10,000 eye woka ƒe atɔ̃ nam be matsɔ anɔ gaxɔ me le United States ƒe gakpɔ si le Leavenworth, le Kansas, la me.\nESIME MENƆ GAXƆ ME\nWode sɔhɛ Ðasefo siwo wu 230 la Leavenworth gakpɔ me, afi si gamenɔlawo dea dukɔa ƒe agble le. Wodea dɔ asi na mí le agble sia dzi le dzɔla geɖewo ƒe dzikpɔkpɔ te. Wo dometɔ aɖewo nyae be míenye Kristotɔ siwo medea akpa aɖeke dzi le aʋa me o, eye wosea nu gɔme na mí.\nDzɔla ʋɛ aɖewo kpe asi ɖe mía ŋu míete ŋu yi edzi nɔ kpekpem henɔ Biblia srɔ̃m. Wokpe ɖe mía ŋu hã be Biblia srɔ̃gbalẽwo kaa mía si le gakpɔa me. Gaxɔdzikpɔla la gɔ̃ hã wɔ ɖoɖo wotsɔa magazine si nye Consolation (si míeyɔna fifia be Nyɔ!) la vana nɛ ɣleti sia ɣleti!\nASIÐEÐE LE ŊUNYE, KPLE DUTANYANYUIGBƆGBLƆDƆ\nEsi menɔ gaxɔ me ƒe etɔ̃ megbe la, woɖe asi le ŋunye le February 16, 1946 dzi, si nye ɣleti ʋɛ aɖewo le Xexemeʋa II lia ƒe nuwuwu megbe. Enumake megadze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ake. Wode dɔ asi nam be mayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Leavenworth, le Kansas. Esia na vɔvɔ̃ ɖom, elabena nuto ma me tɔwo melɔ̃a Yehowa Ðasefowo ƒe nya kura o. Esesẽ be makpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi, eye xɔkpɔkpɔ ya gasesẽ wu gɔ̃ hã.\nMeɖo ŋku edzi be gbe ɖeka esi menɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me eye mege ɖe dzɔla aɖe ƒe aƒe me la, edo ɣli ɖe tanye be, \"Do go le aƒe me nam!\" Esi mekpɔ ati si wotsɔ ƒoa baseball le esi la, vɔvɔ̃ ɖom eye medzo enumake. Esi meyi aƒe bubu aɖe me la, nyɔnu aɖe gblɔ nam be, \"Tɔ vie megbɔna,\" eye wòlé ʋɔa ɖo enu. Metɔ ɖe afi ma va se ɖe esime woʋu fesre aɖe le dziƒoxɔa dzi eye kasia wotrɔ agbaklɔtsi ƒoɖi kɔ ɖe dzinye yoo. Ke hã yayrawo do tso nye subɔsubɔdɔa me. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, mesee be ame siwo mena Biblia srɔ̃gbalẽwo la dometɔ aɖewo va zu Ðasefowo.\nMíaƒe habɔbɔa ʋu suku yeye aɖe naa hehe dutanyanyuigblɔlawo le New York dugãa ƒe dziehe gome, le ƒe 1943 me. Wokpe nye hã be mava de sukua ƒe klass ewolia, eye míewu sukua nu le February 8, 1948 dzi. Emegbe wova tsɔ ŋkɔ na sukua be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku. Le sukunuwuwɔnaa me la, wode dɔ asi nam be mayi aɖaɖe gbeƒã le Gold Coast, si woyɔna be Ghana fifia.\nEsi meva ɖo Gold Coast la, nye dɔdeasie nye be maɖe gbeƒã na dziɖuɖumegãwo kple Europatɔwo. Le kwasiɖa ƒe nuwuwuwo la, mewɔa dɔ kple Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo eye menaa kpekpeɖeŋu hamea me tɔwo le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me. Meyina ɖasrãa Ðasefo siwo le nuto saɖeagawo me la kpɔ eye menaa hehe wo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gakpe ɖe eŋu la, mesubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene le Ivory Coast, si woyɔna be Côte d'Ivoire fifia.\nEsime menɔ subɔsubɔm le nuto mawo me la, mesrɔ̃ ale si Afrikatɔwo wɔa nui\nAsrã va lé nye hã metsi aba dzi, abe ale si wòdzɔna ɖe dutanyanyuigblɔla siwo va Afrika la dometɔ geɖe dzi ene. Asrã la nu sẽ eye vuvɔ nɔ wɔyem ale gbegbe be nyemeganya nu si wɔm menɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, nye glã nɔa ƒoƒom ale gbegbe be ɖe metsɔa asi lénɛ kpena. Ke hã mekpɔtɔ yi edzi nɔ dzidzɔ kple dzidzeme kpɔm le nye subɔsubɔdɔa me.\nLe ƒe ene gbãtɔ siwo metsɔ nɔ Afrika me la, mía kple Eva Hallquist, si medo go le United States hafi va la míenɔ agbalẽ ŋlɔm na mía nɔewo. Emegbe mesee be ele Gilead Sukua ƒe klass 21 lia nu wu ge le July 19, 1953 dzi, le dukɔwo dome takpekpe si Yehowa Ðasefowo awɔ le New York, le Yankee Stadium la me. Eya ta mewɔ ɖoɖo kple tɔdziʋumegã aɖe be wòaɖe mɔ nam mawɔ dɔ le ʋua me nɛ ɖe nye ʋudzɔ teƒe ne wòakɔm ayi United States.\nMíenɔ ƒu dzi ŋkeke 22; ƒua dzea agbo ɣeaɖewoɣi. Esi míeva ɖi go mlɔeba la, meyi ɖado go Eva le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn. Esi mía kplii míenɔ dɔwɔƒegã la ƒe xɔ kɔkɔa tame henɔ New York dugãa me xɔ tsralawo kple eƒe melidzeƒea kpɔm ɖaa la, medo srɔ̃ɖeŋugbe nɛ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Eva hã va Gold Coast eye mía kplii míewɔ subɔsubɔdɔa le afi ma.\nƑOMEGBANƆAMEDZIWO TSƆTSƆ\nEsi mía kple Eva míesubɔ le Afrika ƒe geɖe megbe la, danye ŋlɔ agbalẽ nam be kansa lé Papa vevie. Mebia mɔ eye mía kple Eva míetrɔ yi United States. Papa ƒe dɔlélea va nyra ɖe edzi, eye wòku le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.\nEsi míetrɔ va nɔ Ghana abe ƒe ene ene megbe la, míese be Dada ƒe lãme gblẽ vevie. Mía xɔlɔ̃ aɖewo do susua ɖa be mía kple Eva míatrɔ agbɔ va aƒe ale be míakpɔ edzi. Emae nye nyametsotso sesẽtɔ si dze ŋgɔ mí. Esi mewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe 15 siwo me mía kple Eva míesubɔ le ɖekae ƒe 11 megbe la, míetrɔ yi United States.\nEsi ƒeawo va nɔ yiyim la, mía kple Eva míeɖɔa li mía nɔewo kpɔa Dada dzi. Míekpena ɖe eŋu wòdea kpekpeawo ne anya wɔ nɛ. Dada va ku le January 17, 1976 dzi esime wòxɔ ƒe 86. Gake dzigbãnya si gasẽ wu la va tum ƒe asieke megbe. Wokpɔ kansa le Eva ŋu. Míeto mɔ ɖe sia ɖe dzi wɔ avu kple dɔlélea, gake eva ku mlɔeba le June 4, 1985 dzi esime wòxɔ ƒe 70.\nTƆTRƆ BUBUWO GAVA NYE AGBEMEDƆ SI ME DZIDZEME LE LA ME\nLe ƒe 1988 me la, wokpem be mayi aɖakpɔ Ghana alɔdzedɔwɔƒe si wotu yeyee la ŋu kɔkɔ teƒe. Nyemaŋlɔ nudzɔdzɔ ma be gbeɖe o! Esi medo go le Gilead Sukua heva Ghana ƒe 40 aɖewoe nye ema va yi la, Ðasefo alɔfa ʋɛ aɖewo koe nɔ dukɔa me ɣemaɣi. Kaka ƒe 1988 naɖo la, wosɔ gbɔ wu ame 34,000, eye fifia wode ame 114,000 kloe!\nEsi metrɔ gbɔ tso Ghana ƒe eve megbe la, meɖe Eva xɔlɔ̃ kplikplikpli si ŋkɔe nye Betty Miller le August 6, 1990 dzi. Mía kplii míeyi edzi le subɔsubɔdɔ wɔm na Yehowa vevie. Míele mɔ kpɔm na ŋkeke si dzi míagakpɔ mía tɔgbuiwo, mía dzilawo, kpakple Eva ake le tsitretsitsia me le Paradiso me le anyigba dzi.\nNe mebu mɔnukpɔkpɔ si su asinye be Yehowa zãm ƒe 70 kple edzivɔwo le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu la, aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi nam. Medaa akpe nɛ zi geɖe be efia mɔm be metsɔ subɔsubɔdɔwɔwɔ nɛ wɔ nye agbemedɔe. Togbɔ be mexɔ ƒe 90 kple edzivɔ fifia hã la, Yehowa, si nye aɖaŋuwɔla gãtɔ le xexea me godoo la yi edzi le ŋusẽ kple dzideƒo namem be mayi edzi anɔ esubɔm ɖaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20131201\/mawusub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-zu-agbemed%C9%94\/","date":"2019-06-16T13:55:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00258.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995344877,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995344877243042}","num_words":1554,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame kae nye Mawu?\nMawu nye gbɔgbɔ si ŋku mate ŋu akpɔ o. Eyae wɔ dziƒo kple anyigba kpakple nu gbagbewo katã. Womewɔ Mawu o, eye gɔmedzedze hã meli nɛ o. (Psalmo 90:2) Mawu di be amewo nadi ye ahanya nyateƒea tso ye ŋu.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:24-27.\nMawu nye ame ŋutɔŋutɔ si si ŋkɔ le. Ne míede ŋugble le nu siwo wòwɔ ŋu la, míakpɔ nɔnɔme siwo le esi la dometɔ aɖewo adze sii. (Romatɔwo 1:20) Gake ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia la, hafi ate ŋu adze sii nyuie. Biblia ɖea Mawu ƒe nɔnɔme lédzinameawo fiaa mí.—Xlẽ Psalmo 103:7-10.\nAleke Mawu sena le eɖokui me le madzɔmadzɔnyenye ŋu?\nYehowa, mía Wɔla la, lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Ewɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme nu. (5 Mose 25:16) Esia tae mía dometɔ akpa gãtɔ lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖo. Nu madzɔmadzɔ siwo teƒe kpɔm míele la metso Mawu gbɔ o. Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe amegbetɔwo. Gake nublanuitɔe la, ame geɖe wɔa woƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu hewɔa nu madzɔmadzɔ. Esia ɖua dzi na Yehowa.—Xlẽ 1 Mose 6:5, 6; 5 Mose 32:4, 5.\nBiblia do ŋugbe be Mawu ana dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖi kpuie","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140101\/ame-kae-nye-mawu\/","date":"2019-06-20T17:08:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999263.6\/warc\/CC-MAIN-20190620165805-20190620191805-00312.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963514209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996351420879364}","num_words":185,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo se le eɖokui me be gbɔgbɔ kɔkɔea ye le mɔ fiam ye be yeayi Yerusalem, afi si wòato xaxawo me le. (Dw 20:22, 23) Eya ta esi Kristotɔ siwo nɔ eƒe nyui dim ɖe kuku nɛ be wòagayi o la, egblɔ be: \"Nu kae nye esi wɔm miele le avi fam be miagblẽ tame si meɖo kplikpaa la me?\" (Dw 21:13) Míadi gbeɖe be míaƒo nya ɖe ame bubuwo nu be woagawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me o.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\n\"Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Neva Eme\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan7-13\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu-neva-eme\/","date":"2019-06-17T11:23:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00170.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9932532907,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9932532906532288}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DANIEL KPLE MIRIAM ɖe srɔ̃ le September 2000 me eye wonɔ Barcelona dugãa me le Spain. Daniel gblɔ be: \"Míenɔ agbe abe ale si ko ame sia ame nɔnɛ ene. Esi dɔ si míewɔna ƒe fetu de mía dzi ta la, míeɖua nu le nuɖuƒe xɔŋkɔwo, míezɔa mɔ yia duta, eye míedoa awu xɔasiwo. Míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa hã me edziedzi.\" Gake emegbe wowɔ tɔtrɔ.\nEsi wonɔ takpekpe aɖe me le ƒe 2006 me la, nya aɖe si wobia le nuƒo aɖe me la wɔ dɔ ɖe Daniel dzi vevie. Nya si wobia ye nye be: \"Ðe míele míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm be míakpe ɖe 'ame siwo wokplɔ yina wuwu ge' la ŋu be woava mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzia?\" (Lod. 24:11) Nuƒoa te gbe ɖe agba si le mía dzi be míana amewo nase Biblia me gbedeasi si xɔa ame ɖe agbe la dzi. (Dɔw. 20:26, 27) Daniel gblɔ be, \"Mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ nu ƒom nam.\" Wogblɔ le nuƒoa me hã be míekpɔa dzidzɔ geɖe wu ne míekeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Daniel nyae be nya ma nye nyateƒe. Elabena Miriam ya dze mɔɖeɖedɔa gɔme xoxo eye dzi nɔ edzɔm ɖe yayra siwo kpɔm wònɔ ta.\nDaniel gblɔ be, \"Meƒo nya ta be ɣeyiɣia de azɔ be mawɔ tɔtrɔ gã aɖe le nye agbe me.\" Eye ewɔe hã. Eɖe ɣeyiɣi si wòzãna ɖe dɔwɔɖui ŋu la dzi kpɔtɔ, edze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye wòbu dzidzɔ si gbegbe eya kple Miriam woakpɔ ne woyi ɖasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le la ŋu.\nWODO GO KUXIWO GB×EMEGBE WOKPƆ DZIDZƆ GEÐE\nLe May 2007 me la, Daniel kple Miriam ɖe asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu heʋu yi Panama, si nye dukɔ aɖe si me woɖi tsa yi kpɔ. Woƒe anyigbamama yeyea nye Carib-Ƒua ƒe ƒukpo vovovo siwo le Bocas del Toro Ƒukpohatsotsoawo dome. Guaymitɔwo koŋue nye ƒukpo mawo dzi nɔlawo. Daniel kple Miriam susui be yewoate ŋu anɔ agbe ɖe ga si yewodzra ɖo la nu ɣleti enyi le Panama.\nTɔdziʋu kple gasɔ ye wotsɔ zɔa mɔe, eye woɖo ŋku zi gbãtɔ si wotsɔ gasɔ zɔ mɔe la dzi—enye kilometa 32 ƒe mɔzɔzɔ si me wòhiã be woado gasɔ alia togbɛwo esime ŋdɔ nɔ ʋuʋum ganagana le. Ðeɖi te Daniel ŋu ale gbegbe be eku ƒenyi kloe. Ke hã, Guaymitɔwo xɔ wo nyuie le aƒe siwo le mɔa dzi la me, vevietɔ esi atsu kple asia srɔ̃ nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ le gbe si nutoa me tɔwo dona me. Eteƒe medidi o, wova nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 23 wɔm.\nGake esi ga si wodzra ɖo la vɔ la, woƒe dzidzɔa trɔ zu nuxaxa. Daniel gblɔ be: \"Esi míeva nɔ eŋu bum be míatrɔ ayi Spain la, aɖatsi koe lólo ɖe ŋku dzi na mí. Ete ɖe mía dzi ŋutɔ be míadzo le míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo gbɔ.\" Ke hã, ɣleti ɖeka megbe la, wose nya aɖe si na dzi dzɔ wo ŋutɔ. Miriam gblɔ be: \"Woɖo mí mɔɖela veviwo. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míayi edzi asubɔ le afi ma!\"\nWOƑE DZIDZƆ GÃTƆ\nEsi habɔbɔa nɔ asitɔtrɔwo wɔm le ƒe 2015 me la, eva hiã be Daniel kple Miriam nayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi abe gbesiagbe mɔɖelawo ene. Nu kae woawɔ? Woka ɖe ŋugbedodo si le Psalmo 37:5 la dzi. Afi ma gblɔ be: \"Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me; ɖo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.\" Wokpɔ dɔ si akpe ɖe wo ŋu woakpɔ wo ɖokuiwo dzi esime wole mɔɖeɖedɔa wɔm. Egbea wole subɔsubɔm le hame aɖe me le Veraguas nutoa me, le Panama.\nDaniel gblɔ be: \"Hafi míadzo le Spain la, mímeka ɖe edzi be míate ŋu anɔ agbe tsɛ o. Gake egbea, míele agbe tsɛ nɔm eye agbemenuhiahiã veviwo su mía si, naneke mehiã mí o.\" Nu kae nye woƒe dzidzɔ gãtɔ? Wogblɔ be, \"Kpekpeɖeŋu si nam míele ɖokuibɔbɔlawo be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la nana míekpɔa dzidzɔ manyagblɔ!\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-may-2017\/dzidz%C9%94-si-le-agbe-ts%C9%9B-n%C9%94n%C9%94-me\/","date":"2019-06-25T00:32:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999779.19\/warc\/CC-MAIN-20190624231501-20190625013501-00188.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985660911,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985660910606384}","num_words":647,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ ŋutsu, si le tɔa me la ɖa. Menye fukpekpe mee ma wòɖo oa? Tɔmelã ma le emi ge! Ènya amesi ŋutsu sia nyea? Eŋkɔe nye Yona. Na míakpɔ alesi wòwɔ hafi ɖo fukpekpe geɖe me la ɖa.\nYona nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila. Esi nyagblɔɖila Elisa ku la, eteƒe medidi o Yehowa gblɔ na Yona be: 'Yi Niniwe, du gã la me. Amesiwo le afima la ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sɔ gbɔ ŋutɔ, eye medi be nàyi agblɔe na wo.'\nGake Yona medi be yeayi o. Eyata eɖo tɔdziʋu aɖe, si tso Niniwe yina du bubu me la. Yona ƒe sisi medzɔ dzi na Yehowa o. Eyata ena ahomya sesẽ aɖe ƒo. Eƒo sesĩe ale gbegbe be tɔdziʋua di be yeanyrɔ. Ʋua kulawo vɔ̃ ŋutɔ, eyata wodo ɣli yɔ woƒe mawuwo hena kpekpeɖeŋu.\nYona gblɔ na wo mlɔeba be: 'Yehowa, Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba la subɔla menye. Eye mele sisim le dɔ, si Yehowa dɔm be mawɔ la nu.' Eyata ʋua kulawo bia be: 'Nukae míawɔ wò be ahomya la nadzudzɔ?'\nYona gblɔ na wo be: 'Mikɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒua me, eye tsi la agadze akɔ anyi.' Ʋua kulawo medi be yewoakɔe aƒu gbe o, gake esi ahomya la nyra ɖe edzi ta la, wokɔ Yona ƒu gbe mlɔeba. Enumake ahomya la dzudzɔ, eye atsiaƒu la gadze akɔ anyi ake.\nEsi Yona nyrɔ ɖe tsia me la, tɔmelã gã la mii. Gake meku o. Enɔ tɔmelã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Eve Yona ŋutɔ be yemeɖo to Yehowa heyi Niniwe o. Eyata ènya nusi wòwɔa?\nYona do gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu. Eye Yehowa na tɔmelã la dzɔ Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi. Ema megbe la, Yona yi Niniwe. Ðe esia mefia mí be ele vevie be míawɔ nusianu, si Yehowa gblɔ la oa?\nBiblia ƒe agbalẽ, si nye Yona.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/yona-t%C9%94mel%C3%A3-g%C3%A3\/","date":"2019-06-20T14:30:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00486.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996712208,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999671220779419}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE MAWU TSƆA ÐE LE EME NA WÒA?\nNe afɔkuwo dzɔ alo amewo kpe fu eye woku la, ɖewohĩ anɔ wɔwɔm na mí eveve nenye be Mawu kpɔnɛ eye wòtsɔa ɖe le eme na mí. Biblia gblɔ be:\n\"Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu, ke Yehowa tɔa ŋku nu vɔ̃ɖi wɔlawo.\"—1 Petro 3:12.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Mawu kpena ɖe mía ŋu kple nu siwo katã wɔm wòle be yeava ɖe fukpekpewo ɖa la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2018-sep-oct\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-17T20:47:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00299.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989972711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989972710609436}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amegbetɔ Ƒe Ametia\nAleke dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ŋutete si le ŋutilãa ŋu la srɔ̃m be yewoate ŋu awɔ aŋenu siwo ate ŋu aɖɔ wo ɖokuiwo ɖo ne wogbã?\nWona ŋkɔ domenyiŋusẽfianu be \"nyatakakadzraɖonu gãtɔ.\" Xlẽ nu tso nu si tae la ŋu.\nGodzilãwo\nAmi titri aɖe le tɔmelã siwo dzia vi la dometɔ aɖewo ƒe ŋutigbalẽ te si nana vuvɔ mewɔa wo o. The sea otter ya zã mɔnu bubu aɖe.\nNu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va le nu siwo wɔa dɔ abe dadi ƒe nufuwo ene dem robotwo ŋu?\nNu ka tae mɔ̃ɖaŋunuwɔlawo mete ŋu kpɔ sɔfɔti ƒe wɔwɔme wɔ nu bubuwo o?\nTɔmelãwo\nƑumebɔbɔwo kple adzawo ƒe dzedzeme vovovoawo kple ale si goawo le ye kpɔa wo ta wonɔa agbe.\nƑumefɔlĩ ƒe ade si wòtsɔ wɔa ɖɔ la nana wòléna ɖe nuwo ŋu. Esia gɔmesese ate ŋu ana woawɔ nu siwo woatsɔ aku nuwo ɖe xɔwo ŋu, alo alé lãkusi ɖe ƒuwo ŋu nyuie wu.\nMɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le agbagba dzem be yewoawɔ nudodo siwo anɔ amadede trɔm le sekɛnd ɖeka ko me.\nTotsitotsi sia eya ŋutɔ ƒe akaɖi—gake lã bubuwo metea ŋu kpɔnɛ o.\nMɔ̃ɖaŋuŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso bosrã ƒe alɔwo ŋu hewɔ robɔt ƒe alɔ si ƒe dɔwɔnawo wɔ nuku.\nKpɔ ale si ƒumelã klitsu sia ƒe tsiƒunuwo wɔa dɔe la ɖea vi na wòe la ɖa.\nNu ka tae melidɔwɔƒewo le nu srɔ̃m tso eƒe ŋutete ɖedzesi sia ŋu?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ nu tso ŋutete wɔnuku si le lã siawo si be woanya nu siwo ƒo xlã wo la ŋu ato mɔ̃wo vɛ.\nSrɔ̃ nu wɔnuku aɖe tso ƒumelã sia si nɔa adzakpowo me la ŋu.\nTɔmesɔ nye ƒumelã aɖe si ƒe asike ƒe wɔwɔme le etɔxɛ si ŋu dɔ numekulawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ robɔtwɔwɔ ƒe kuxiwo gbɔ.\nÐe nugbagbevi siawo ate ŋu aɖe mɔ̃memi si ɖuɖu ɖe atsiaƒu me nyuie wu mɔ̃ɖaŋumɔnu siwo zãm wole egbea?\nXeviwo\nEsi yameʋuwɔlawo kpɔ xeviwo ƒe aʋala ƒe nugbɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ wɔ yameʋu ƒe aʋala nugbɔ la, wote ŋu ɖe ami siwo wozãna la dzi kpɔtɔ lita miliɔn 7,600 le ƒe ɖeka pɛ ko me.\nNu kae ƒumexewo ŋuti nu nyala aɖe va de dzesii ku ɖe xe sia ƒe fuwo ŋu?\nXlẽ nu tso ale si ƒudzixe sia tea ŋu dzona gaƒoƒo geɖe aʋalamaƒomaƒoe la ŋu!\nSrɔ̃ nu tso xevi aɖe si dzona ŋkeke enyi sɔŋ matɔmatɔe yia ƒugodo ŋuti.\nLã Siwo Tana Kple Lã Siwo Nɔa Tɔme Kple Godzi\nAleke adoglo sia wɔna hafi tea ŋu hea tsi tso eƒe afɔwo ŋu yia eƒe nu me?\nAleke adoglo sia awɔ ati kpo tso teƒe gbadza aɖadze gli ŋu?\nLo tea ŋu ɖua nu siwo sesẽ zigbɔzi etɔ̃ wu esiwo dzatawo alo kpɔ̃wo tea ŋu ɖuna, ke hã etea ŋu dea vovototo nu siwo le nu me nɛ la dome. Aleke wòwɔnɛ?\nNu ka tae nɔnɔmetɔtrɔfiala aɖe gblɔ be mate ŋu adzɔ be akpɔkplɔ sia ƒe viƒoƒomɔnu nanɔ tɔtrɔm vivivi kaka ava zu abe ale si míenyae egbea ene o?\nNu kae na be da ƒomevi aɖewo lia ati siwo ŋuti le glidzaglidza eye bubuwo hã tea ŋu ɖia wo ɖokui ɖe ke me?\nNudzodzoeviwo\nAle si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la na wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.\nNu kae anyiwo nya tso teƒezazã le mɔ nyuitɔ nu si ŋu akɔntaŋutinunyalawo va nya nu tsoe nyitsɔ laa le ƒe 1999 me?\nAleke anyidi wɔna hafi kɔa agba siwo kpe wu eƒe ametia sãsãsã?\nEhiã be nugbagbevi sue sia naɖe ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋu hafi wòate ŋu ayi edzi anɔ agbe. Aleke wòwɔa esiae?\nAnyidi sia nye lã siwo tea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã nu wu la dometɔ ɖeka. Nu kae kpena ɖe eŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu?\nNu si na nudzodzoe siawo ƒe agbenɔnɔ wɔ nukue nye be le ƒe 13 va ɖo 17 megbe la, wodona henɔa agbe kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko.\nWohiã vevie be ŋusẽ na ɖo bɔtria ŋu be wòate ŋu adzo sesĩe.\nAgbagblaʋui ƒe to nyaŋui mawo tea ŋu kpena ɖe eŋu wòsea gbeɖiɖi sesẽtɔ kekeake wu xexea me nu gbagbe siwo katã wonya la.\nAleke wòdzɔe be ʋetsuviwo mekpea ŋgo o?\nKpakpaluʋui si nye Blue Morpho ƒe aʋala dzena abe ɖe wo ŋuti zrɔ̃ ene, gake ne èkpɔe kple nusuekpɔmɔ̃ la, akpɔe be nu wluiwluiwlui aɖewo le eŋuti. Dɔ kawoe wowɔna?\nMenye ale si kpakpaluʋui ƒe aʋalawo ŋuti le yibɔ gbɔ koe wòtso o.\nDzesidede mɔ ƒe ŋutete ka ŋu dɔe adoŋgo wɔna? Nu kae amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso adoŋgo gbɔ?\nAleke nusɔsrɔ̃ tso nudzodzoevi sia ŋu te ŋu kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu wowɔ LED, si klẽna nyuie wu?\nNudzodzoe sue sia ƒe towo de amegbetɔwo tɔ ɖi ge kloe. Aleke numekuku tso bɔtri ƒe nuseseŋutete ɖedzesi sia ŋu ate ŋu aɖe vi na dzɔdzɔmeŋutinunyala kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo li egbea?\nNudzodzoe siawo tea ŋu dzona atsyãtɔe abe aʋawɔyameʋu ene, gake le aɖabaƒoƒo kpui aɖe ŋutɔ ko me.\nYiyi\nYiyiɖɔ tea ŋu sesẽna alo bɔbɔna ne ehiã. Xlẽ nu tso ale si wòdzɔnae kple nu si tae la ŋu.\nAleke yiyi sia wɔna nyana dometsotso si tututu le eya kple nu si kpɔm wòle la dome? Nu ka tae numekulawo di be yewoasrɔ̃ eƒe aɖaŋu sia?\nAtiwo\nAtikutsetse sia me tsi mele blɔ o, ke hã eƒe amadede si le blɔ lae nye amadede si le blɔ wu atikutsetse bubu ɖe sia ɖe tɔ. Nu kae na eƒe amadedea nya kpɔ nenema?\nNumekulawo va kpɔ ŋutete wɔnuku aɖe si le sinapi-ti si.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/%C9%96e-wow%C9%94ea\/","date":"2019-06-18T11:32:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00522.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998401463,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984014630317688}","num_words":916,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER 28, 2014\nMEXICO\nMEXICO CITY—Yehowa Ðasefo siwo wu 250 tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoadzra Baldomero \"Melo\" Almada kamedefefewɔƒea ɖo le June 7, 2014 dzi hena wɔna tɔxɛ aɖe si woawɔ le nutoa me ta, eye dumegãwo kafu Ðasefoawo ɖe ale si wowɔ dɔ siae ta.\nNufialagã Antonio Cota Márquez, si nye Huatabampo Kamedefefewɔƒea dzi kpɔla le Mexico di lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɣleti geɖe be woadzra kamedefefewɔƒea ɖo ale be wòasɔ gbe hafi dudzikpɔla nava kɔ duƒuƒe yeye si wowɔ ɖe kamedefefewɔƒea la ŋu le July 7, 2014 dzi. Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe ameyɔyɔ sia dzi va kpe asi ɖe eya kple ame siwo dzraa teƒea ɖo la ŋu wodzra teƒea ɖo, woɖe gbeɖuɖɔwo ɖa le teƒeteƒewo, wosi aŋɔ na basketbɔlƒoƒe ƒe atiwo eye wodzra sɔgbewo dzi ɖo hã.\nAƒetɔ Cota mia asi Ðasefoawo, elabena enya nu tso ale si Ðasefoawo dzraa kamedefefewɔƒea ƒe akpa aɖe si wowɔa woƒe takpekpe siwo wotuna ɖe Biblia dzi le le Spaniagbe kple Mayogbe me edziedzi ɖo nyuie la ŋu. Esi Aƒetɔ Cota kpɔ ale si Ðasefoawo dzra teƒea ɖo heɖɔ nuwo ɖoe la, egblɔ le gbebiame aɖe me be: \"Dzi dzɔ mí be ame siwo media wo ɖokui tɔ o tsɔ woƒe ɣeyiɣi va dzra kamedefefewɔƒea ɖo.\" Egblɔ emegbe be: \"Mele dudzikpɔla Aƒetɔ Ramón Díaz Nieblas teƒe le akpe dam na mi ɖe dɔ si miewɔ egbea ta. Míayi edzi anɔ megbe dam na miaƒe habɔbɔa ɣesiaɣi si miadi be yewoazã teƒe sia. Míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe kpekpeɖeŋu kple miaƒe nuwɔwɔ aduadu la ŋu.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nMexico: Gamaliel Camarillo, tel. + 52 555 133 3000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/mexico\/yehowa-%C9%96asefowo-dzra-kamedefefew%C9%94%C6%92e-%C9%96o\/","date":"2019-06-16T03:13:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997533.62\/warc\/CC-MAIN-20190616022644-20190616044644-00274.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979177713,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979177713394165}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bu ale si Yesu anya se le eɖokui me esi wòse Fofoa si le dziƒo gblɔ be eƒe nu dze ye ŋu le nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutegaa me la ŋu kpɔ. Ðikeke mele eme o be esia do ŋusẽ Yesu le fu siwo wòva kpe la me. Ŋutega sia do ŋusẽ Petro, Yakobo kple Yohanes hã vevie. Ŋutegaa na woka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la, eye ena wokpɔe be esɔ be yewoɖo toe. Le ƒe 32 megbe la, Petro gaɖo ŋku nudzɔdzɔ sia kple ale si wòna kakaɖedzi geɖe wu va le \"nyagblɔɖinya\" la ŋu la dzi.—2Pe 1:16-19.\nTogbɔ be míekpɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi sia teƒe o hã la, míele emevava ya teƒe kpɔm. Yesu nye Fia ŋusẽtɔ aɖe si le dzi ɖum fifia. Eteƒe madidi o 'awu eƒe aʋadziɖuɖu la nu,' eye esia aʋu mɔ be xexe si me dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe ɖo la nava.—Nyɖ 6:2.\nAleke Biblia me nyagblɔɖiwo me vava do ŋusẽ wò xɔsee?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may14-20\/%C5%8Butega-a%C9%96e-si-do-%C5%8Bus%E1%BA%BD-ame\/","date":"2019-06-18T23:00:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998844.16\/warc\/CC-MAIN-20190618223541-20190619005541-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978337288,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978337287902832}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nu sia nu si dim nèle la, wò ya gblɔe nam ko ado dzidzɔ nam be mawɔe na wò.\" Asesẽ be nàgblɔ nya sia na ame aɖe si menya o alo ame aɖe si menye xɔ̃wò o. Gake, masesẽ na wò kura be nàgblɔ nya sia na xɔ̃wò vevi aɖe o. Xɔlɔ̃ veviwo tea ŋu wɔa nu si wo xɔlɔ̃wo di la na wo faa.\nBiblia gblɔ be Yehowa wɔa nu si wòkpɔ be ana ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ la na wo edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, Fia David si nye Yehowa xɔlɔ̃ la gblɔ be: \"Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ, . . . womele xexlẽ me o.\" (Psalmo 40:6) Gawu la, Yehowa wɔ nu geɖe siwo na dzi dzɔa ame siwo mekpɔ dze sii gɔ̃ hã o. Etsɔ 'nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa woƒe dziwo me fũu.'\nMíetsɔa dzidzɔ wɔa nu na ame siwo míelɔ̃ hedea bubu wo ŋu\nEsi wònye be Yehowa wɔa nu si doa dzidzɔ na amewo ta la, susu le eme be ame siwo di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo la nawɔ nu si ado 'dzidzɔ na eƒe dzi.' (Lododowo 27:11) Gake nu ka koŋue nàwɔ atsɔ ado dzidzɔ na Mawu? Biblia ɖo eŋu be: \"Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.\" (Hebritɔwo 13:16) Ðe esia fia be nyuiwɔwɔ kple nunana amewo koe nye nu siwo hiã be míatsɔ ado dzidzɔ na Mawua?\nBiblia gblɔ be: \"Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze eŋu nyuie o.\" (Hebritɔwo 11:6) Eɖe dzesi be esi \"Abraham xɔ Yehowa dzi se\" megbee \"wova yɔe be Yehowa xɔlɔ̃.\" (Yakobo 2:23) Yesu Kristo hã te gbe ɖe edzi be hafi Mawu nayra mí la, ele be 'míaxɔ Mawu dzi ase.' (Yohanes 14:1) Ke aleke nàwɔ be xɔse si dim Mawu le tso ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e la si nasu asiwò? Gbã la, ele be nàsrɔ̃ eƒe Nya, Biblia la edziedzi. Esia akpe ɖe ŋuwò \"eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ\" nasu asiwò ale be 'nàdze eŋu bliboe.' Eye ne èna sidzedze vavã si ku ɖe Yehowa ŋu le asiwò sum, eye nènɔa agbe ɖe eƒe mɔfiame dzɔdzɔeawo nu la, wò xɔse asẽ ŋu ɖe edzi, eye eya hã anɔ tetem ɖe ŋuwò kplikplikpli.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141201\/%C3%88w%C9%94a-nu-si-Mawu-dia\/","date":"2019-06-16T13:26:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00421.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976111054,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976111054420471}","num_words":373,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SARAH * si tso Ghana, si kple Jacob woɖe wo nɔewo ƒe 17 gblɔ be, \"ganyawo dea dzre nye kple srɔ̃nye dome zi geɖe.\" Sarah ɖe eme be, \"medoa dziku elabena mezãa nye ga geɖe tsɔ kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ gake srɔ̃nye mebiana nya aɖeke tsoa ale si mekpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu o. Esia wɔe be ɣeaɖewoɣi la míegaƒoa nu na mía nɔewo o hena kwasiɖa geɖe.\"\nSrɔ̃a Jacob gblɔ be, \"nyateƒee wòto, ɣeaɖewoɣi la míeʋlia nya dzikutɔe. Zi geɖe la, nugɔmemasemase kple dzemaɖomaɖo tso kuxia ŋu nyuie ye henɛ vɛ. Dzimagbɔɖi hã wɔnɛ be nya sue aɖe va zua dzre.\"\nNathan si tso India, si ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o hã gblɔ be, gbe ɖeka, ye to blu ɖe ye lɔ̃xo ta. Nathan gblɔ yi edzi be, \"esia na be lɔ̃xonyea do dziku eye wòdo go le aƒea me. Esi mebiae be nu ka tae wòdo ɣli ɖe srɔ̃a ta nenema hã la, esusu be medo nu ɖe ye gbɔ. Kaka makpɔ la ete bublu ɖe mí katã dzi.\"\nÐewohĩ wò hã èkpɔ nya aɖe si wogblɔ eŋumabumabui si he dzre de ƒomea me teƒe kpɔ. Ate ŋu anye be susu ko lém wole tso nya aɖe ŋu kasia wòtrɔ zu dzre. Ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya siwo le eteƒe ɣesiaɣi o, eya ta ele bɔbɔe be woase nya siwo ame bubuwo gblɔ alo woƒe nuwɔna aɖewo gɔme bubui. Ke hã, anya wɔ be woana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ aɖe si nu nanɔ ƒomea me.\nNu kae nàwɔ ne nyahehe aɖe do mo ɖa? Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be ŋutifafa kple tomefafa nanɔ wò ƒomea me? Aleke ƒomewo katã awɔ be ŋutifafa nanɔ woƒe ƒomewo me? Míeɖe kuku xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201512\/nyahehe-nu-si-gb%C9%94-w%C3%B2tsona\/","date":"2019-06-20T15:49:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985021353,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985021352767944}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.\"—Hiob 14:1, 2.\nTso keke blema ke la, amewo dina be yewoanɔ agbe le lãmesẽ me ahakpɔtɔ anye ɖekakpui kple ɖetugbui tegbee, elabena wokpɔnɛ be anyo ŋutɔ. Gake ewɔ nublanui be amegbetɔwo kuna. Hiob ƒe nya si dze le etame la gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, togbɔ be ƒe akpe etɔ̃ kple edzivɔwoe nye esia wògblɔ nya ma hã.\nAme aɖeke medina be yeaku o. Biblia gblɔ na mí be esi Mawu wɔ mí la, ede agbenɔnɔ tegbee ƒe didi mía me, eye míedina be míanya nu si tututu wònye. (Nyagblɔla 3:11) Esi wòle alea ta la, ɖe nèsusu be Mawu si lɔ̃ mí la ade didi aɖe mía me eye maɖe mɔ be didi ma nava eme na mí oa? Ne èɖo eŋu be ao la, ekema èɖo eŋu nyuie. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be futɔe ku nye, eye edo ŋugbe be 'woava ɖee ɖa' kura.—1 Korintotɔwo 15:26.\nMewɔ nuku o be futɔe ku nye vavã. Ame nɔŋute aɖeke madi be yeaku o. Ne míekpɔ afɔku gbɔna la, míedea axa nɛ, míeɣlana alo sina. Ne míedze dɔ la, míetoa mɔ vovovowo dzi be míaƒe lãme nasẽ. Míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míaƒo asa na nu sia nu si ahe ku vɛ na mí.\nÐe susu aɖe li si tae míaxɔe ase be wole futɔ si nye ku, si li tso blema ke la, ɖe ge ɖa? Ɛ̃, susu aɖe li si tae míate ŋu axɔe ase ɖo. Menye ɖe Yehowa Mawu, mía Wɔla la, wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe ƒe ʋɛ aɖewo ko ahaku o. Meɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo naku o. Ke boŋ ɖe wòɖoe be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, eye nu sia nu si Mawu ɖo la, ewɔnɛ godoo.—Yesaya 55:11.\nGake, aleke tututue wole ku ɖe ge ɖae? Tso blema ke la, amewo dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoagaku o, gake wokuna godoo. Ke hã, amewo gakpɔtɔ le agbagbadzedzea dzi ko. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to atike vovovowo vɛ be yewoatsɔ axe mɔ na dɔlélewo alo atsɔ ada dɔ aɖewo. Wowɔ numekuku tsitotsito tso nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ŋu. Le teƒe geɖewo la, amewo nɔa agbe didi wu ale si wònɔ le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me. Ke hã ku gakpɔtɔ le nu gblẽm kokoko. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, 'wo katã wogatrɔna zua anyi.'—Nyagblɔla 3:20.\nNya nyui lae nye be mehiã be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe nunya ŋu o. Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo xoxoxo be woaɖe mí tso ku si me, eye ame si koŋ dzi wòato awɔ esiae nye Yesu Kristo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150301\/yesu-le-amewo-%C9%96em\/","date":"2019-06-18T05:33:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00418.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979698658,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979698657989502}","num_words":443,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Kɔ gbe dzi nàxlẽ nu si tututu le agbalẽa dzi.\nALE SI NÀWƆE:\nDzra ɖo nyuie. De dzesi nu si tae woŋlɔ nu si xlẽ ge nàla. Srɔ̃ ale si nàxlẽ nyawo le ƒuƒoƒo me tsɔ wu be nànɔ nyaawo yɔm ɖekaɖeka. Ðɔ ŋu ɖo be le wò nuxexlẽa me la, nàgayɔ nya siwo mele agbalẽa dzi o, nàgadzo kpo aflɔ nyakui aɖeke o, alo nàyɔ nya bubu ɖe esi le agbalẽa dzi la teƒe o. Wɔ nuŋɔŋlɔmedzesiwo kple nyayɔyɔdzesiwo katã ŋu dɔ nyuie.\nYɔ nya ɖe sia ɖe wòade pɛpɛpɛ. Ne mènya ale si nàyɔ nya aɖe nyuie o la, ƒo agbalẽa me nya siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi nàse, alo nàbia nuxlẽla bibi aɖe wòakpe ɖe ŋuwò.\nƑo nu eme nakɔ. Fɔ ta dzi eye nàke nu nyuie esime nèle nua xlẽm ale be nàyɔ nyaawo woaɖi nyuie. Dze agbagba nàyɔ nyakui ɖe sia ɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/5-nuxexl%E1%BA%BD-nyuie\/","date":"2019-06-17T03:34:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998369.29\/warc\/CC-MAIN-20190617022938-20190617044938-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994816184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994816184043884}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2013\nWodzro Yehowa ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmedomenyinu tɔxɛa me le nyati sia me. Kpɔ ale si míawɔ anɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la me ɖa.\nNa nu siwo Yehowa wɔ na ameƒomea kple eƒe amewo nadzi wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe míaƒe domenyinu tɔxɛa ŋu ɖe edzi.\nNusɔsrɔ̃tso míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nuteƒe na Mawu.\nPaulo ɖi ɖase le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Kpɔ ale si eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na wò be wò hanàwɔ nenema.\nNu kae ametakpɔbali la tsi tre ɖi na, eye aleke Yehowa subɔlawo nɔa dedie le afi ma?\nƔeaɖewoɣi miáƒe dzi blea mí miétsɔa nanewo nɔa taflatsɛ dom ɖe afɔ manyomanyo aɖe si míeɖe ta. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya ale si tututu míaƒe dzi le?\nAleke míaƒe asi ate ŋu asu bubu si Mawu dea amegbetɔwo ŋu dzi? Nu kae ate ŋu axe mɔ na mí be míaƒe asi masu bubu dzi o?\nMiriam ƒe amekukuƒuɖakavi la ɖee fia be Biblia ƒoa nu tso ame ŋutɔŋutɔ siwo tso ƒome ŋutɔŋutɔwo me ŋu.\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nKpɔ ale si \"Xexemewɔwɔ Ƒe Drama\" yeye la kpe ɖe Germany nɔviwo ŋu wodo dzi le xɔse ƒe dodokpɔ siwo va wo dzi le Xexemeʋa II me la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20130215\/","date":"2020-01-22T09:26:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606872.19\/warc\/CC-MAIN-20200122071919-20200122100919-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976614118,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976614117622375}","num_words":216,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afɔku Aɖe Si Ŋu Wòle Be Dzila Ðe Sia Ðe Natsi Dzi Ðo\nHEATHER kple Scott wonye atsu kple asi nyui aɖe siwo dzi dzɔna ale gbegbe, siwo si ŋutsuvi sue si xɔ ƒe etɔ̃ le. * Woléa be na wo via nyuie. Esia wɔwɔ mele bɔbɔe le egbexexea me o. Dzimaɖitsitsi kple agbanɔamedzi geɖewoe esia lɔna ɖe eme. Nu gbogbo aɖewo ŋutɔe wòle be woafia ɖeviwo! Heather kple Scott tsia dzi ɖe woƒe agbanɔamedziawo dometɔ ɖeka aɖe koŋ ŋu vevie: Wodi be yewoakpɔ yewo via ta tso gbɔdɔnu madzemadzewo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe afɔkua me. Nu ka ta?\nHeather gblɔ be: \"Fofonye nye ame nikpi, dɔmedzoetɔ, kple ahanoxe. Eƒoam kutɔkutɔe, eye wòwɔa gbɔdɔnuwo ɖe mía kple nɔvinyenyɔnuwo ŋu madzemadzee.\" * Ame geɖe nya be nu vɔ̃ɖi sia wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu dea abi woƒe seselelãme ŋu vevie. Mewɔ nuku o be Heather ɖoe kplikpaa be yeakpɔ ye vi ŋutsuvia ta! Nenema kee Scott hã se le eɖokui me.\nDzila geɖe tsia dzi ɖe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe kuxia ŋu. Anɔ eme be wò hã ètsia dzi nenema ke. Togbɔ be ɖewohĩ womewɔ gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò le ɖevime hede abi wò seselelãmewo ŋu abe ale si wònɔ le Heather kple Scott gome ene o hã la, ɖikeke mele eme o be ànya se nuwɔna nyɔŋu sia si bɔ ŋuti nyatakaka gbãdzinamewo kpɔ. Le xexea me godoo la, edzia ŋɔ na dzila ɖɔʋuwo ŋutɔ ne wose be wowɔa nu sia ɖe ɖeviwo ŋu le woƒe nutoa me.\nMewɔ nuku o be kuxi sia ŋuti numekula aɖe gblɔ le ale si gbɔdɔnuwɔna vɔ̃ɖi siawo le dzidzim ɖe edzi ŋu be \"enye nu siwo ɖea dzi le ame ƒo wu, siwo le dzɔdzɔm le mía ŋɔli la dometɔ ɖeka.\" Ewɔ nublanui ŋutɔ, gake ɖe wòwɔ nuku be nu siawo tɔgbi le dzɔdzɔma? Mewɔ nuku na ame siwo srɔ̃a Biblia ya o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be míele ɣeyiɣi vɔ̃wo, siwo wòyɔ be \"ŋkeke mamlɛawo\" me, si me 'ŋutasẽnuwɔlawo' abɔ, eye amewo anye \"ɖokuilɔ̃lawo\" kple \"amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,\" la me.—Timoteo II, 3:1-5.\nGbɔdɔnuwɔna vɔ̃ɖi ƒe nya sia nye kuxi dovoɖiname aɖe. Le nyateƒe me la, ame siwo dina be yewoawɔ gbɔdɔnu ɖe ɖeviwo ŋu madzemadzee ƒe nuwɔna vɔ̃ɖi sia ŋu bubu ɖeɖe dzaa ɖea fu na dzila aɖewo ale gbegbe. Gake ɖe kuxia gbɔ manya kpɔ na dzilawo oa? Alo ɖe nanewo li siwo dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo taa? Nyati eve siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.—g10\/07.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔwo le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me.\n^ mm. 3 Gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu madzemadzee nye ame tsitsi aɖe, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, ƒe ɖeviwo zazã atsɔ aɖi kɔ na eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo. Zi geɖe la, elɔa gbɔdɔnuwɔna siwo Biblia yɔ be agbe gbegblẽ nɔnɔ, siwo ate ŋu anye asilili ame ƒe no kple vidzinuwo ŋu, gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, gbɔdɔdɔ to nu me alo to meƒi me, ɖe eme. Nuwɔna vɔ̃ɖi siawo dometɔ aɖewo—abe asilili no ŋu na ame, gbɔgblɔ na ame kã be yeadɔ egbɔ, amamaɖeɖenuwɔnawo ɖeɖe fia ɖevi, dzidzɔkpɔkpɔ ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu, kple eɖoɖo koŋ agblẽ ame ŋutɔ ƒe ama ɖi—katã nye nu siwo woate ŋu abu de nuwɔna siwo Biblia yɔ be \"ŋukpenanuwɔwɔ\" alo \"makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me\" la me.—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200710\/Af%C9%94ku-A%C9%96e-Si-%C5%8Au-W%C3%B2le-Be-Dzila-%C3%90e-Sia-%C3%90e-Natsi-Dzi-%C3%90o\/","date":"2020-01-29T21:42:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251802249.87\/warc\/CC-MAIN-20200129194333-20200129223333-00373.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978196025,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978196024894714}","num_words":543,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Nu tena ɖe ame sia ame dzi va ɖo afi aɖe, gake tɔnye ya wu gbɔgblɔ. Menye nu gã ɖeka aɖe gbɔ koe wòtso o, ke boŋ etso nu vovovo siwo nye hloluitsotsowo kple ƒe gbogbo siwo metsɔ le srɔ̃nye ŋutsu si dze dɔ le ŋutilãme kple susume dzi kpɔm la gbɔ.\"—Jill. *\n\"Srɔ̃nye dzo le gbɔnye, eye eva hiã be nye ɖeka mahe mía vi eve. Mele bɔbɔe be woanye dzilaɖekɛ o. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, dɔ ge le asinye, eye ga menɔ asinye matsɔ adzra nye ʋu si gblẽ la ɖo o. Nyemenya nu si tututu mawɔ o. Nuteɖeamedzia wu tsɔtsɔ nam. Menya nyuie be mesɔ be mawu ɖokuinye o, eya ta meɖe kuku na Mawu be wòaɖe nye agbe ɖa.\"—Barry.\nÐe nu tena ɖe wò hã dziwò ɣeaɖewoɣi abe Jill kple Barry enea? Ne nenemae la, ke nyati siwo kplɔ esia ɖo afa akɔ na wò eye woakpe ɖe ŋuwò. Nyatiawo ƒo nu tso nu siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona, ale si wòate ŋu agblẽ nu le mía ŋu kple ale si míawɔ ate ŋu anɔ te ɖe enu fifia la ŋu.\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2020-mar-apr\/%C9%96e-nu-te-%C9%96e-dziw%C3%B2a\/","date":"2020-01-28T08:32:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251776516.99\/warc\/CC-MAIN-20200128060946-20200128090946-00111.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991940856,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991940855979919}","num_words":190,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU BƆBƆ NƆ MAWU ƑE DUSIME\nSAUL VA ZU NUSRƆ̃LA\nSUSU NYUIWO LI SI TA MÍAKPƆ DZIDZƆ ÐO\nGbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekoste ŋkekea dzi ŋkeke ewo le Yesu ƒe lialia yi dzi megbe la ɖo kpe edzi be eyi dziƒo vavã. Eye esia ŋuti kpeɖodzi bubu aɖe hã nɔ ŋgɔ. Hafi woaƒu kpe nusrɔ̃la Stefano ɖe eƒe ɖaseɖiɖi nuteƒewɔwɔtɔe ta teti la, edo ɣli gblɔ be: \"Kpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Amegbetɔvi la wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.\"—Dɔwɔwɔwo 7:56.\nEsi Yesu yi Fofoa gbɔ le dziƒo la, elala va se ɖe esime Fofoa de se aɖe si ŋu nya wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nyaa me la nɛ. Gbɔgbɔ ʋã David wòŋlɔ bena: \"Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ [Yesu] be: 'Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.'\" Ne ɣeyiɣi si me wòalala la de la, ayi aɖaɖu \"dzi le [eƒe] futɔwo titina.\" (Psalmo 110:1, 2) Gake nu kae Yesu anɔ wɔwɔm le dziƒo esime wòle lalam be ɣeyiɣia nade yeatso ɖe yeƒe futɔwo ŋu?\nLe ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, woɖo Kristo hamea anyi. Yesu dze dziɖuɖu gɔme ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la dzi tso dziƒo. (Kolosetɔwo 1:13) Efia mɔ wo le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòdzra wo ɖo ɖe dɔ si woava wɔ le etsɔme la ŋu. Dɔ kae? Woafɔ wo dometɔ siwo awɔ nuteƒe va se ɖe ku me la ɖe tsitre be woava nye fiawo le Fiaɖuƒea me kple Yesu.\nAme siwo ava nye fiawo le etsɔme la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye Saul, alo Paulo, si nye eƒe Roma ŋkɔ si ame geɖe nya nɛ. Enye Yudatɔ si me dzo le ɖe Mawu ƒe Sea ŋu tso ɣeaɖeɣi ke, gake Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo na wòtra mɔ ale gbegbe be eda asi ɖe edzi be woaƒu kpe Stefano gɔ̃ hã. Ɣemaɣi la, Saul si lé 'ŋɔdzidodo kple amewuwu ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋu' la ɖo ta Damasko. Nunɔlagã Kayafa na ŋusẽe be wòayi aɖalé Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ahakplɔ wo agbɔ va Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 7:58; 9:1) Ke hã esime Saul nɔ mɔa dzi la, kekeli gã aɖe klẽ ƒo xlãe eye wòdze anyi.\nGbe aɖe ɖi be, \"Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?\" gake mekpɔ ame si nɔ nua ƒom la o. Saul bia be: \"Wò, ame kae, Aƒetɔ?\" Gbea ɖo eŋu nɛ be: \"Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle la.\"—Dɔwɔwɔwo 9:4, 5.\nYesu gblɔ na Saul be wòayi Damasko, eye wòalala woana mɔfiame bubuwoe, ke hã ehiã be woakplɔe ayi dua me, elabena kekeli wɔnuku la gbã ŋku nɛ. Le ŋutega bubu me la, Yesu ɖe eɖokui fia Anania, si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si le Damasko. Yesu na mɔfiamewo Anania ku ɖe ale si wòawɔ ake ɖe Saul ŋu. Anania nɔ vɔvɔ̃m be yeayi, gake Yesu gblɔ nɛ be: \"Ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel-viwo.\" Saul gakpɔ nu, eye wòde asi gbeƒãɖeɖe me le Damasko \"tso Yesu ŋu be, ame siae nye Mawu ƒe Vi la.\"—Dɔwɔwɔwo 9:15, 20.\nLe Yesu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Paulo kple nyanyuigblɔla bubuwo yi gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme Yesu dze la dzi. Mawu ƒe yayra wɔe be woƒe dɔa kpɔ dzidzedze ŋutɔ. Anɔ abe ƒe 25 ene megbe tso esime Yesu ɖe eɖokui fia Paulo le Damasko mɔa dzi la, Paulo gblɔ ku ɖe nya nyuia ŋu be, \"woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te\" la dome.—Kolosetɔwo 1:23.\nƑe geɖe megbe la, Yesu na apostolo Yohanes si wòlɔ̃ la kpɔ ŋutega vovovo siwo míakpɔ le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Eya ta to ŋutega siawo dzi la, Yohanes nɔ agbe kpɔ Yesu ƒe tɔtrɔgbɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me. (Yohanes 21:22) Ɛ̃, \"gbɔgbɔ la [kplɔ Yohanes] yi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la me.\" (Nyaɖeɖefia 1:10) Ɣekaɣie esia dzɔ?\nBiblia me nyagblɔɖiwo me dzodzro nyuie na eme kɔ be \"Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la\" dze egɔme le mía ŋɔli. Le ƒe 1914 me la, nu si wova tsɔ ŋkɔ na be Xexemeʋa I la dze egɔme. Eye ƒe geɖewoe nye esia tso ɣemaɣi la, aʋawɔwɔwo, dɔ vɔ̃wo, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo kple nudzɔdzɔ bubu siwo nye Yesu ƒe \"anyinɔɣi\" kple 'nuwuwua' ŋuti \"dzesi\" si ŋu wòƒo nu tsoe na eƒe apostoloawo la le eme vam le mɔ si lolo wu nu. (Mateo 24:3, 7, 8, 14) Fifia wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, menye le Roma Fiaɖuƒea ɖeɖe ko me o, ke boŋ le xexe bliboa katã me.\nGbɔgbɔ ʋã Yohanes wògblɔ nu si nudzɔdzɔ mawo fia la ale: \"Azɔ mía Mawu ƒe xɔname kple ŋusẽ kple Fiaɖuƒe kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo.\" (Nyaɖeɖefia 12:10) Vavãe, Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo, si Yesu ɖe gbeƒãe le afi sia afi la nye nu ŋutɔŋutɔ!\nNya nyui aɖe ŋutɔe esia nye na Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo katã. Yohanes ƒe nya siawo dea dzi ƒo na wo. Egblɔ be: \"Eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo le wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.\"—Nyaɖeɖefia 12:12.\nEya ta Yesu megale lalam le Fofoa ƒe nuɖusime o. Enye Fia le dzi ɖum, eye ava tsrɔ̃ eƒe futɔwo ɖa kpuie. (Hebritɔwo 10:12, 13) Dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee nye esi le mía ŋgɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/le-mawu-%C6%92e-%C9%96usime\/","date":"2020-01-21T09:54:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601628.36\/warc\/CC-MAIN-20200121074002-20200121103002-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998344481,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983444809913635}","num_words":883,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nAmesiwo Dze la Didi le Australia ƒe Saɖaganutowo Me\nWOYƆA Australia nyigba ƒe akpa gã aɖe si le nutotrowo me vividodoɖenuŋutɔe be saɖaganutowo. Ƒe 12 enye sia si womegaɖi ɖase le saɖaganuto sia ƒe akpa aɖewo me kpɔ o. Le esia ta la, Yehowa Ðasefo siwo le Darwin, si nye dukɔa ƒe Dziehe Nutoa ƒe fiadu, wɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke asieke ƒe gbeƒãɖeɖe tsitotsito le nuto sia me ŋu bene yewoadi amesiwo dze la.—Mateo 10:11.\nƑe ɖeka hafi dɔ tɔxɛ sia wɔɣi naɖo la, wotsɔ veviedodo te ɖoɖowo, si me anyigba si ƒe lolome wu kilometa 800,000 togodo—si ade New Zealand ƒe lolome ƒe teƒe etɔ̃ nu—la mama hã le, la wɔwɔ. Be nànya alesi gbegbe anyigbamama gã sia sa ɖe agae la, nyae be le mama dedie nu la, tso ʋumɔgã to, si nye nyikpo ƒe agbo nu, yi ɖe aƒe aɖe gbɔ la dome didi wu kilometa 30! Gawu la, nyikpo aɖewo dome didi kilometa 300 alo wu nenema tso wo nɔewo gbɔ.\nÐasefo 145 sɔŋ ye kpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Wo dometɔ aɖewo tso keke Tasmania ke va. Ame aɖewo tsɔ ʋu siwo te ŋu zɔa afisiafi vɛ eye wotsɔ nuzazãwo, ʋu ŋutinuwo, kple mɔ̃memi ɖe asi vɛ. Ame bubuwo de woƒe agbawo keke me tsi ɖe ʋu ŋu he vɛ. Gakpe ɖe eŋu la, woda ʋu eve siwo dometɔ ɖesiaɖe tsɔa ame 22 na amesiwo si ʋu siwo te ŋu zɔa afisiafi mele o lae. Amesiwo ɖo ʋu dada la ɖo susu ɖaseɖiɖi na duvi siwo kaka ɖe anyigbamama tiatia la me tɔwo koŋ ŋu.\nHafi woadze mɔ la, nɔviawo wɔ ɖoɖo woƒo nuƒowo eye wowɔ wɔwɔfiawo tsɔ na mɔfiame le alesi woaɖe gbeƒã nyanyuia le anyigbamama tɔxɛ sia me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, be woaɖe gbeƒã nyuie le Australia-vidzidziwo dome ne woalɔ̃ asee la bia be woanya woƒe dekɔnu aɖewo ahazɔ ɖe wo dzi. Wodzro nutoa me ƒe dedienɔnɔ ŋu nyawo me hã bene woate ŋu akpɔ gbemelãwo ta.\nNuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su wo si. Le kpɔɖeŋu me, le Australia-vidzidziwo ƒe nuto aɖe me la, nɔviawo wɔ ɖoɖo be woaƒo dutoƒonuƒo si wotu ɖe Biblia dzi. Nyɔnufia si le dua me ŋutɔ yi ɖakpe amewo. Le nuƒoa megbe la, vavalawo xɔ agbalẽ 5 kple agbalẽ gbadza 41. Le nuto bubu me la, woyi ɖe Australia-vidzidzi aɖe gbɔ. King James Version Biblia gɔ̃ hã nɔ eya ŋutɔ si, gake edo xoxo eye eƒe akpa aɖewo vuvu. Esi wobiae be enya Mawu ƒe ŋkɔ hã la, egblɔ be ẽ, eye wòhe Gbetakpɔxɔ xoxo aɖe do goe tso eƒe dziwui kotoku me. Exlẽ Marko 12:30 tso magazinea me, afisi xlẽ be: \"Nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, kple wò dzi blibo.\" Egblɔ be \"mawunyakpukpui sia dzɔa dzi nam ŋutɔ.\" Le dze legbe aɖe ɖoɖo kplii megbe la, exɔ Biblia yeye ɖeka kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo.\nNyikpo gã aɖe si ƒe lolome nye agbleka (acre) 400,000 le Carpentaria Fukɔme gbɔ la dzikpɔla do vivi ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu. Esi wotsɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * fiae la, ebia be Kriolgbe tɔ li hã. Esia wɔ nuku elabena togbɔ be Australia-vidzidzi geɖe doa Kriolgbe hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe te ŋu xlẽnɛ. Edzɔ be dɔwɔla 50 siwo katã le afima la nya Kriolgbe xexlẽ. Edzɔ dzi na dɔdzikpɔla la be yeaxɔ agbalẽwo le Kriolgbe me, eye elɔ̃ faa tsɔ eƒe telefon xexlẽdzesi na bene woate ŋu aƒo ka na ye emegbe.\nLe ŋkeke asieke ƒe gbeƒãɖeɖe moveviɖoɖotɔe sia me la, wona Biblia 120, agbalẽ 770, magazine 705, kpakple agbalẽ gbadza 1,965. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔ tɔtrɔyi 720 eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ 215 gɔme.\nLe nyateƒe me la, wote gbɔgbɔmedɔ si nɔ ame geɖe siwo dze le nuto gã sia me wum la ƒe nuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ na wo mlɔeba.—Mateo 5:6.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe ta wo.\n[Anyigbatata si le axa 30]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nAUSTRALIA\nDZIEHE NUTO\nDarwin\nCarpentaria Ƒukɔme\nSydney\nTASMANIA","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050401\/Amesiwo-Dze-la-Didi-le-Australia-%C6%92e-Sa%C9%96aganutowo-Me\/","date":"2020-01-26T06:33:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251687725.76\/warc\/CC-MAIN-20200126043644-20200126073644-00305.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992861152,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992861151695251}","num_words":642,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esime Yesu dɔ eƒe apostoloawo eveveve la, ena mɔfiame nyuiwo ku ɖe ale si woaɖe gbeƒãe ŋu. Gake mesee ɖe afi ma o. Exlɔ̃ nu wo le tsitretsiɖeŋulawo ŋu be: \"Kpɔ ɖa! Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; . . . Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋu, elabena woakplɔ mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo. Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye.\"—Mateo 10:16-18.\nƐ̃, Yesu yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽwo, ke hã edo ŋugbe na wo kple kakaɖedzi be: \"Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me, elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.\" Yesu yi edzi be: \"Nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade via asi, viwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo. Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.\"—Mateo 10:19-22.\nEsi gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ta la, Yesu te gbe ɖe ale si wòhiã be eyomedzelawo nadze aɖaŋu ale be woate ŋu akpɔtɔ anɔ ablɔɖe me ayi dɔa dzi la dzi. Egblɔ be: \"Ne woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me; elabena vavã mele egblɔm na mi be: Miele Israel duawo katã kpe ge ɖo hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o.\"—Mateo 10:23.\nMɔfiame, nuxlɔ̃ame kple dzideƒonamenya nyui kawo gbegbee nye esi Yesu na eƒe apostolo 12-awo! Gake àkpɔe be nya siawo aɖe vi na ame siwo ava wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la hã. Esia dze le ale si wògblɔ be \"amewo katã alé fu\" yeƒe nusrɔ̃lawo, ke menye ame siwo gbɔ yedɔ apostoloawo ɖo be woaɖe gbeƒã na la ɖeɖe ko o la me. Gakpe ɖe eŋu la, nuŋlɔɖi aɖeke meli be wokplɔ apostoloawo yi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Galilea hena ɣeyiɣi kpui aɖe la me loo alo be ƒometɔwo de wo asi be woawu o.\nEdze ƒãa be esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm na apostoloawo la, nu siwo ava dzɔ le etsɔme la hã nɔ susu me nɛ. De ŋugble le nya si wògblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo makpe duawo katã ɖo \"hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o\" la ŋu kpɔ. Nya si gblɔm Yesu le ye nye be yeƒe nusrɔ̃lawo mawu gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la nu hafi Fia Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la nava abe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene o.\nNe apostoloawo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, mele be wòawɔ nuku na wo be amewo atsi tsitre ɖe yewo ŋu o. Elabena Yesu gblɔ be: \"Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o.\" Yesu ƒe nyawo me kɔ. Amewo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o, eye woti eyome le esi wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ta, eye nenemae woati woawo hã yomee. Gake Yesu de dzi ƒo na wo be: \"Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.\"—Mateo 10:24, 28.\nYesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le nya sia me. Edo dzi va se ɖe ku me vɔvɔ̃manɔmee, eye mena ta le nuteƒewɔwɔ na Yehowa, ame si tɔ ŋusẽwo katã nye la me o. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la koe ate ŋu atsrɔ̃ ame ƒe \"luʋɔ\" (si fia mɔkpɔkpɔ si le ame si be wòaganɔ agbe le etsɔme) alo afɔe ɖe tsitre be wòava nɔ agbe tegbee. Nya siawo ade dzi ƒo na apostoloawo loo!\nYesu wɔ ale si Mawu léa be na eyomedzelawo lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu ale: \"Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue ŋutɔ oa? Gake wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. . . . Eya ta migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.\"—Mateo 10:29, 31.\nGbedeasi si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒãe la ama ƒomewo me, elabena ƒomea me tɔ aɖewo axɔ gbedeasia, ke bubuwo agbee. Yesu ɖe eme be: \"Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o.\" Ɛ̃, ebia dzinɔameƒo hafi ƒomea me tɔ aɖe nate ŋu axɔ Biblia me nyateƒea. Yesu gblɔ be: \"Ame si lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.\"—Mateo 10:34, 37.\nGake ame aɖewo axɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nyuie. Egblɔ be: \"Ame sia ame si ana tsi fafɛ kplu ɖeka pɛ ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka wòano le esi wònye nye nusrɔ̃la ta la, vavã mele egblɔm na mi be, eƒe fetu la matsi eŋu akpɔ o.\"—Mateo 10:42.\nEsi Yesu dzra eƒe apostoloawo ɖo nyuie kple mɔfiamewo, nuxlɔ̃amewo kple dzideƒonamenya siawo vɔ la, wodze mɔ \"yi ɖatsa le nutoawo katã me tso kɔƒe me yi kɔƒe me, eye wole gbeƒã ɖem nya nyui la hele dɔlélewo dam le afi sia afi.\"—Luka 9:6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/a%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3-yometiti-g%C9%94%CC%83-h%C3%A3-me\/","date":"2020-01-25T23:43:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251681625.83\/warc\/CC-MAIN-20200125222506-20200126012506-00443.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989646673,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989646673202515}","num_words":817,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU NƆVIŊUTSUWO MEXƆ EDZI SE O\nALEKE GBEGBEE FIAÐUƑEA ƑE DƆWO LE VEVIE?\nƔeyiɣi aɖee nye esia Yesu le subɔsubɔdɔa wɔm le Galilea koŋ, afi si amewo xɔ nyaa le nyuie wu Yudea. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime wònɔ Yerusalem eye wòda gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Sabat ŋkekea dzi la, \"Yudatɔwo gadi vevie wu be yewoawui.\"—Yohanes 5:18; 7:1.\nƑe 32 K.Ŋ. ƒe kele mee, eye Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi gogo. Azã sia ɖuɖu xɔa ŋkeke adre, eye ŋkeke enyilia nyea takpegbe tɔxɛ. Woɖua azã sia le agbledeɣia ƒe nuwuwu, eye wònyea aseyetsotso gã kple akpedada ƒe ɣeyiɣi.\nYesu dadavi siwo nye Yakobo, Simon, Yosef kple Yuda gblɔ nɛ be: \"Dzo le afi sia nàyi Yudea.\" Yerusalem ye nye dukɔa ƒe tadeaguƒe vevitɔ. Ne azã etɔ̃ siwo woɖuna ƒe sia ƒe la ɖo edzi la, amewo sɔa gbɔ ɖe dugã la me. Yesu nɔviawo gblɔ nɛ be: \"Ame si di be amewo nanya ye la, mewɔa nu le bebeme o. Ne èwɔa nu siawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexea.\"—Yohanes 7:3, 4.\nLe nyateƒe me la, nɔviaŋutsu ene siawo \"mexɔ edzi se\" be eyae nye Mesia la o. Ke hã, wodi be Yesu nawɔ nukudɔ aɖewo be ame siwo va azãa ɖuƒe la nakpɔ. Esi Yesu nya afɔku si le afi ma yiyi me ta la, egblɔ na wo be: \"Susu aɖeke meli si ta xexea alé fu mi ɖo o, ke eléa fu nye ya, elabena meɖia ɖase le eŋu be eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Miawo miyi ŋkekenyuia ɖuƒe; nye ya nyemele ŋkekenyui sia ɖuƒe yi ge fifia o, elabena nye ɣeyiɣi mede haɖe o.\"—Yohanes 7:5-8.\nYesu nɔviŋutsuwo zɔ mɔa kple ame hahooawo, eye le ŋkeke aɖewo megbe la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo hã zɔ mɔa le adzame be amewo nagakpɔ yewo o. Wozɔ mɔ si to Samaria, si le tẽe wu la, ke menye mɔ si ame geɖe tona si te ɖe Yordan-tɔsisia ŋu la o. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ahiã na dzeƒe le Samaria, eya ta edɔ amewo ɖo ɖe eŋgɔ be woaɖadi dzeƒe ada ɖi. Kɔƒe aɖe me tɔwo gbe be yewomaxɔ wo alo awɔ amedzro na wo o, elabena Yesu ɖo ta Yerusalem hena Yudatɔwo ƒe azãa ɖuɖu. Yakobo kple Yohanes gblɔ kple dziku be: \"Aƒetɔ, èlɔ̃ be míana dzo nage tso dziƒo ava tsrɔ̃ woa?\" (Luka 9:54) Yesu ka mo na wo ɖe nya ma gbɔgblɔ ta, eye woyi mɔzɔzɔa dzi.\nEsi wole mɔa dzi la, agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu be: \"Nufiala, madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.\" Yesu gblɔ nɛ be: \"Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.\" (Mateo 8:19, 20) Yesu nɔ gbɔgblɔm na agbalẽfialaa be ato nɔnɔme sesẽwo me ne eva zu ye yomedzela. Eye edze abe dada le agbalẽfiala la me akpa be wòalɔ̃ anɔ agbe ma tɔgbi. Eya ta míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, 'Nu ka gbegbee malɔ̃ faa atsɔ asa vɔe ɖe Yesu yome dzedze ta?'\nYesu gblɔ na ame bubu be: \"Dze yonyeme.\" Amea ɖo eŋu be: \"Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.\" Esi Yesu nya nɔnɔme si me amea le ta la, egblɔ be: \"Na ame kukuwo naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò la, yi nàɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la.\" (Luka 9:59, 60) Edze ƒãa be fofoa meku haɖe o. Anɔ eme be ne ɖe fofoa ku la, via manɔ afi sia anɔ nu ƒom kple Yesu o. Ŋutsu sia menɔ didim be yeatsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe me o.\nEsi woganɔ mɔa dzi yina Yerusalem la, ame bubu gblɔ na Yesu be: \"Aƒetɔ, madze yowòme; gake na mayi aɖaklã nye aƒemetɔwo gbã.\" Yesu ɖo eŋu nɛ be: \"Ame si tsɔ eƒe asi ɖo kodzi dzi, eye wògale nu siwo le megbe kpɔm la, medze na Mawu Fiaɖuƒe la o.\"—Luka 9:61, 62.\nEle be ame siwo di be yewoanye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo la nana Fiaɖuƒea ƒe dɔwo nanye nu vevitɔ na wo. Ne agbledela mele ŋgɔ kpɔm tẽe o la, fli si nu wòle anyigba dzobom ɖo la aglɔ̃. Ne eɖe asi le kodzia ŋu hele megbe kpɔm la, dɔa matsɔ afɔ o. Nenema kee ame sia ame si le megbe kpɔm be yeakpɔ nu siwo le nuɖoanyi xoxo sia me la ate ŋu akli nu ahatra le mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/nufiafia-m%C9%94z%C9%94z%C9%94-yi-yerusalem\/","date":"2020-01-20T06:48:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250597458.22\/warc\/CC-MAIN-20200120052454-20200120080454-00221.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985471964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985471963882446}","num_words":712,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lãmehehe na Vidzĩa?\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SPAIN GBƆ\nANITA, vidada aɖe si le Nigeria, lea tsi na via eye wòhea lãme nɛ beléletɔe. Nuwɔwɔ sia doa dzidzɔ na vidzĩa kple nɔa siaa. Anita gblɔ be: \"Esia nye nusi vidada siwo le Nigeria wɔna na wo viwo le wo gbɔ kpɔkpɔ me. Esi míenye vidzĩwo la, danye hea lãme na mía kple nɔvinyeŋutsuwo. Lãmehehe na vidzĩ nye mɔ nyui aɖe si dzi wotona nana ŋusẽ ɖoa vidzĩwo ƒe lãmekawo ŋu eye woɖea dzi ɖi. Ne mele lãme hem na vinyea la, menɔa ha dzim henɔa nu ƒom nɛ, eye ɖevia hã nɔa gbeme tem henɔa alɔgbɔnu kom ɖem. Esia doa dzidzɔ nam ŋutɔ!\"\nLãmehehe na vidzĩ bɔ ɖe teƒe geɖewo, eye eva le bɔbɔm ɖe Ɣetoɖoƒedukɔ aɖewo hã me. Le Spaintɔwo ƒe Lãmehehe na Vidzĩ Gbɔkpɔha ƒe nya nu la, lãmehehe nye asi lili vidzĩ ŋu beléletɔe ƒe mɔnu dodzidzɔname aɖe si nana be dzila toa asi kaka vidzĩa ŋu me wɔnɛ be wote ŋu ɖea woƒe seselelãmewo fiaa wo nɔewo. Esia lɔ teƒeteƒewo léle na vidzĩa kple asi lili eƒe afɔ, ata, dzime, akɔta, ƒodo, abɔwo, kple eƒe mo beléletɔe ɖe eme.\nVi kae lãmehehe ɖena na vidzĩ? Le wo katã me la, vevitɔe nye be, ɖevia sena le eɖokui me be wolɔ̃ ye eye woléa be na ye. Menye nuɖuɖu koe vidzĩ hiã na o, ke ehiã edzilawo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fiae hã. Esi wònye be asi kaka ame ŋu ƒe seselelãme sese dzea egɔme tso vi fẽ me ke ta la, vidada alo vifofo ɖea lɔlɔ̃ sia fiana nyuie to lãme hehe na vidzĩa beléletɔe me. To mɔ sia dzi la, woate ŋu ana vidzĩa nade dzesi nu geɖe—le ŋutilã kple seselelãme gome. Eyata lãmehehe na vi ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woana lɔlɔ̃ ƒe kadodo sẽŋu nava nɔ woa kple wo via dome tso edziɣi ke.\nTo vovo na lɔlɔ̃ ƒe kadodo sia la, lãmehehe na vi ate ŋu awɔe hã be vidzĩa naɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, si hã ate ŋu awɔe be wòadɔ alɔ̃ nyuie. Nu bubu siwo hã lãmehehe na vi wɔnae nye be, ate ŋu ana be ŋusẽ naɖo eƒe lãmekawo ŋu, ʋu nasi le lãme nɛ nyuie, eye eƒe dɔgbo kple dzitodzitowo nawɔ dɔ nyuie. Ame aɖewo gblɔna be edoa ŋusẽ vidzĩa ƒe dɔlélenutsiŋutete hã. Eye esi wònye be lãmehehe na vi nana be eƒe sidzenu siwo nye nuseselelãme, nukpɔkpɔ, kple nusese wɔa dɔ nyuie ta la, ate ŋu awɔe hã be eƒe nuléleɖesusume kple nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi.\nDɔnɔkɔdzi aɖewo hã wɔ numekuku tso lãmehehe na vidzĩ ƒe viɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe ɖee fia be ɖevi siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi wo o, dometɔ siwo wohe lãme na te ŋu dzona le kɔdzi ŋkeke adre do ŋgɔ na esiwo womehe lãme na o, eye woƒe kpekpeme dzina ɖe edzi va ɖoa 47 lɔƒo le alafa me ne wotsɔe sɔ kple esiwo womehe lãme na o la tɔ.\nEyata edze ƒã be, menye ame tsitsiwo koe lãmehehe na ame nyuie ɖea vi na o! Gake le vidzĩwo gome ya la, lãmehehe ɖea vi na wo geɖe wu. Enyea lɔlɔ̃ ɖeɖe fia wo to asi kaka kple asi lili vidzĩa ŋu lɔlɔ̃tɔe si ŋu, alɔgbɔnukoko kpena ɖo me.—g7\/06.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200607\/L%C3%A3mehehe-na-Vidz%C4%A9a\/","date":"2020-01-27T16:15:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251700988.64\/warc\/CC-MAIN-20200127143516-20200127173516-00055.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990959167,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990959167480469}","num_words":543,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Miɖe Lɔlɔ̃ Fia le Ƒomea Me\n\"KATSE nàtɔ dzoe kpɔ! Tɔ dzɔe!\" Tohru ye le nanam srɔ̃anyɔnu, Yoko, nanya be atse nagablee o. * Eɖo eŋu be, \"Matɔ dzoe godoo\" eye wòsi matsesi tɔ foto aɖe si woa kple evea woɖe. Emegbe egblɔ adãtɔe be, \"Matɔ dzo aƒea wòabi!\" Tohru ƒo tome na srɔ̃a tsɔ ɖo eŋu nɛ, ale glãkahehea wu enu kple ŋutasẽnuwɔwɔ.\nƑe etɔ̃ do ŋgɔ la, Tohru kple Yoko dze woƒe agbe g��me abe srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔwo ene. Ekema nukae dzɔ? Togbɔ be Tohru dze ame nyui aɖee hã la, srɔ̃a se le eɖokui me be meɖea lɔlɔ̃ fiaa ye o eye metsɔa ɖeke le yeƒe seselelãmewo me boo o. Edze abe mete ŋu le nu wɔm ɖe lɔlɔ̃ si nyɔnua nɔ ɖeɖem fia la nu o ene. Esi Yoko megate ŋu le esia ƒe dzi dom o ta la, enɔ dziku kple dɔmedzoe dom edziedzi. Alɔ̃madɔmadɔ, dzimaɖitsitsi, nuɖuɖumadzroame, dzikudodo, kple blanuiléle kpakple ŋɔdziléame gɔ̃ hã va nɔ fu ɖem nɛ. Ke hã, edze abe ɖe Tohru metsɔ ɖeke le nɔnɔme sesẽ si le eƒe aƒea me me o ene. Ðeko wòdze abe nusi le dzɔdzɔmenu ene nɛ.\n'Ɣeyiɣi Sesẽ Siwo me Nɔnɔ Sẽ'\nKuxi siawo bɔ egbea. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be amesiwo 'melɔ̃a ame ƒe nya o' abɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. (Timoteo II, 3:1-5) Helagbe me nya gbãtɔ si gɔme woɖe le afisia be \"melɔ̃a ame ƒe nya o\" la do ƒome kplikplikpli kple nya si fia vivi si ƒometɔwo dona ɖe wo nɔewo ŋu. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ɖeɖefia bu le míaƒe ɣeyiɣia me. Ne lɔlɔ̃ɖeɖefia li hã la, ƒã hafi ƒometɔwo aɖee afia wo nɔewo.\nDzila geɖe siwo li egbea menya alesi woaɖe lɔlɔ̃ kple dzidzɔdoɖeameŋu afia woa ŋutɔwo ƒe viwo o. Ame aɖewo tsi le ƒome siwo me womeɖea lɔlɔ̃ fiaa ame le o me eye womenya be dzi ate ŋu adzɔ ame le agbe me wu eye agbe avivi wu ne woɖe lɔlɔ̃ fia yewo alo yewoɖe fia amewo o. Edze abe aleae wòle le Tohru gomee ene. Le eƒe ɖevimenɔɣi la, dɔ sɔa gbɔ ɖe fofoa dzi le dɔme ɣesiaɣi eye zã tsina hafi wògbɔna vaa aƒeme. Ƒã hafi wòɖoa dze kple Tohru, eye ne wòaɖoe kplii hã la, ewɔnɛ kple adã. Tohru dada hã wɔa dɔ ɣeyiɣiawo katã eye mevona ɖe eyama ŋu o. Television koe Tohru kpɔna gbesiagbe. Kafukafu alo dzeɖoɖo aɖeke menɔ ƒomea me o.\nAte ŋu atso dekɔnuwo hã gbɔ. Le Latin Amerika ƒe akpa aɖewo la, ahiã be ŋutsu naŋe aɖaba aƒu lɔlɔ̃ maɖemaɖe fia ƒe nuwɔna si bɔ dzi hafi ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Le Ɣedzeƒe kple Afrika dukɔ geɖe me la, enyea kɔgbegblẽɖo be woato nya kple nuwɔna me aɖe lɔlɔ̃ afia. Anye nu sesẽ na srɔ̃ŋutsuwo be woagblɔ na wo srɔ̃wo kple wo viwo be \"Melɔ̃ wò.\" Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nane tso ƒomedodo gbãtɔ aɖe si nɔ anyi ɣeyiɣi gbogbo aɖe la me.\nƑomedodo ƒe Kpɔɖeŋu Nyui\nƑomedodo nyuitɔ kekeake ƒe kpɔɖeŋu si ƒomewo asrɔ̃e enye ƒomedodo kplikplikpli si le Yehowa Mawu kple eƒe Tenuvia dome. Woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le mɔ deblibo aɖe nu. Le ƒe akpe gbogbo manyaxlẽwo me la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu Yesu Kristo emegbe la nɔ dzidzɔ ƒomedodo aɖe me kple Fofoa. Eɖɔ ɖekawɔwɔ sia ale: \"Menye dɔnunɔla le egbɔ, eye menye amesi ƒe nu nyoa eŋu gbesiagbe, eye mekpɔa dzidzɔ le eŋku me ɣeawokatãɣi.\" (Lododowo 8:30, NW) Vi la ka ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃ dzi ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ na ame bubuwo be yeƒe nu nyoa Yehowa ŋu gbesiagbe. Ekpɔa dzidzɔ le Fofoa gbɔ ɣeawokatãɣi.\nEsime Yesu nɔ anyigba dzi abe amegbetɔ ene gɔ̃ hã la, wogbugbɔ na kakaɖedzi Mawu ƒe Vi la be Fofoa lɔ̃e vevie. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ese Fofoa ƒe gbe be: \"Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!\" (Mateo 3:17) Lɔlɔ̃ ɖeɖe fia dedziƒoname le Yesu ƒe anyigba dzi dɔwɔwɔ ƒe gɔmedzeɣi kae nye si esia nye! Dzi anya dzɔe ŋutɔ be wòase be ye Fofo kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu esime wògate ŋu ɖo ŋku eƒe dziƒogbenɔnɔ katã dzi.\nTo esia dzi la, Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia eƒe xexeame katã ƒe ƒomea le mɔ si de keŋkeŋ nu. Ne míelɔ̃ Yesu Kristo la, Yehowa alɔ̃ míawo hã. (Yohanes 16:27) Togbɔ be míase gbeɖiɖi aɖeke tso dziƒo o hã la, míakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia le nuwɔwɔwo me, le Yesu ƒe tafevɔsa si wòna me, kple le mɔ bubuwo nu. (Yohanes I, 4:9, 10) Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã heɖoa wo ŋu le mɔ si aɖe vi na mí wu nu. (Psalmo 145:18; Yesaya 48:17) Esi míele ƒomedodo kplikplikpli tum ɖo kple Yehowa la, eƒe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le la gadzea mía ŋu ɖe edzi wu.\nYesu srɔ̃ alesi wòaɖe veveseseɖeamenu, ameŋububu, dɔmenyonyo, kple ɖetsɔleme deto afia ame bubuwoe le Fofoa gbɔ. Eɖe nu me be: \"Nusiwo ke wɔm [Fofo la] le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke. Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ.\" (Yohanes 5:19, 20) Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ alesi míaɖe lɔlɔ̃ afia amewoe to kpɔɖeŋu si Yesu ɖo esime wònɔ anyigba dzi la sɔsrɔ̃ me.—Filipitɔwo 1:8.\nLɔlɔ̃ Ðeɖe Fia le Ƒomea me—To Mɔ Ka Nu?\nEsi wònye 'Mawu nye lɔlɔ̃' eye wòwɔ mí 'ɖe eƒe nɔnɔme nu' ta la, míate ŋu asee be wolɔ̃ mí eye míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia hã. (Yohanes I, 4:8; Mose I, 1:26, 27) Ke hã, ŋutete sia mevana le eɖokui si o. Be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia la, gbã la, ele be míase le mía ɖokui me be míelɔ̃ míaƒe kpeɖeŋutɔ kple mía viwo. Da ŋku ɖi nàde dzesi nɔnɔme nyoameŋu siwo le wo si, aleke kee wòaɖa dze nu sue le gɔmedzedzea me o, eye nàde ŋugble le esiawo ŋu. Ðewohĩ àgblɔ be, 'Nu dodzidzɔname aɖeke mele srɔ̃nyeŋutsu [srɔ̃nyenyɔnu alo vinyewo] ŋu o.' Amesiwo wodi srɔ̃ na mado dzidzɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu tututu o. Ame aɖewo madi be yewoadzi vi hafi o. Ke hã, de ŋugble le alesi Yehowa bu eƒe kpɔɖeŋu srɔ̃nyɔnu, si nye Israel-dukɔa, le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Esime eƒe nyagblɔɖila Eliya ƒo nya ta be Yehowa subɔlawo megale Israel-dukɔa ƒe to ewoawo me o la, Yehowa lé ŋku ɖe wo me nyuie hekpɔ ame agbɔsɔsɔ aɖe—wo katã le ame 7,000—siwo si nɔnɔme nyui le le eŋkume. Ðe nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa to ŋkuléle ɖe nɔnɔme nyui si le wò ƒomea me tɔwo si ŋu mea?—Fiawo I, 19:14-18.\nGake be nàte ŋu ana ƒomea me tɔ bubuwo nase le wo ɖokui me be èlɔ̃ yewo la, ele be nàdze agbagba vevie aɖee fia. Ɣesiaɣi si nàde dzesi nane si dze na kafukafu la, ɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔa gblɔ. Esi Mawu ƒe Nya nɔ nyɔnu zazɛ ɖɔm la, egblɔ nɔnɔme vevi aɖewo le nyɔnua ƒe ƒomea ŋu: \"Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ.\" (Lododowo 31:28) De dzesi alesi ƒomea me tɔwo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ na wo nɔewo faa la. Ne vifofo aɖe kea nu kafua srɔ̃a la, eɖoa kpɔɖeŋu nyui na viaŋutsu, hedea dzi ƒo nɛ be wòazu amesi akafu srɔ̃a bɔbɔe ne eva ɖe srɔ̃.\nEle be dzilawo hã nanɔ wo viwo kafum. Ema ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatu bubunɔameŋu ɖo ɖe ɖeviawo ƒe dzi me. Ne woagblɔe tututu la, ɖe ame ate ŋu 'alɔ̃ ehavi abe eɖokui ene' ne medea bubu eɖokui ŋu oa? (Mateo 22:39) Le go bubu me la, ne dzilawo bua fɔ wo viwo ɣesiaɣi eye womekafua wo gbeɖegbeɖe o la, ɖeviawo magade bubu wo ɖokuiwo ŋu o eye asesẽ na wo be woaɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo.—Efesotɔwo 4:31, 32.\nÀte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu\nKe ne womenyi wò le aƒe si me lɔlɔ̃ le me o ya ɖe? Àte ŋu asrɔ̃ alesi woɖea lɔlɔ̃ fianae godoo. Afɔɖeɖe gbãtɔ enye be nàde dzesi kuxia ahalɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yeatrɔ asi le eŋu be wòanyo ɖe edzi. Mawu ƒe Nya, Biblia, naa kpekpeɖeŋu gã aɖe le go sia me. Woate ŋu atsɔe asɔ kple ahuhɔ̃e. Ne míelé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu le Biblia ƒe nufiafia siwo le abe kpɔɖeŋu ƒe ahuhɔ̃e ene me la, kpɔtsɔtsɔ, alo gbɔdzɔgbɔdzɔ, siwo le míaƒe tamebubu ŋu dzena míekpɔna nyuie. (Yakobo 1:23) Le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe nufiafiawo la, míate ŋu atrɔ asi le numame manyomanyo ɖesiaɖe ŋu. (Efesotɔwo 4:20-24; Filipitɔwo 4:8, 9) Ehiã be míawɔ esia edziedzi, eye 'míagagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me gbeɖe o.'—Galatiatɔwo 6:9.\nAsesẽ na ame aɖewo be woaɖe lɔlɔ̃ afia le alesi wonyi woe alo dekɔnu ta. Gake numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be woate ŋu aɖu mɔxenu mawo dzi. Ðk. Daniel Goleman, si bi ɖe tagbɔdɔdada me, ɖe nu me be 'woate ŋu agbugbɔ asi atrɔ le nɔnɔme siwo ƒo ke ɖe to le dzia me vĩ tso ɖevi me ke la gɔ̃ hã ŋu wòanyo.' Ƒe alafa 19 kple edzivɔwo enye si va yi la, Biblia ɖee fia be le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu atrɔ nusiwo xɔ dzia me la. Exlɔ̃ nu mí be: 'Miɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido amenyenye yeye la.'—Kolosetɔwo 3:9, 10.\nNe ƒomea nya ke ɖe kuxia ŋu ko la, woƒe nuhiahiãwo anɔ tame na wo woatsɔ asrɔ̃ Biblia. Le kpɔɖeŋu me, nukatae màwɔ numekuku tso nya si Biblia gblɔ ku ɖe \"lɔlɔ̃\" ŋu o? Ðewohĩ àke ɖe mawunyakpukpui abe esia ene ŋu be: \"Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fu kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.\" (Yakobo 5:11) Emegbe dzro Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe Hiob ŋu me eye nalé ŋku ɖe alesi Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe Hiob ŋu eye wòkpɔ nublanui nɛ la ŋu. Ðikeke mele eme o be àdi be yeasrɔ̃ Yehowa le dɔmetɔtrɔ ɖe wò ƒomea ŋu kple nublanuikpɔkpɔ na wo me.\nGake esi míenye ame madeblibowo ta la, 'mí katã míedaa vo zi geɖe' le nuƒoƒo me. (Yakobo 3:2) Le ƒomea me la, ɖewohĩ míado kpo aɖea zazã ɖe mɔ si dea dzi ƒo na ame nu. Afisiae gbedodoɖa kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu hiãna le. Mègana ta o. 'Do gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe!' (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Yehowa akpe ɖe amesiwo di be woaɖe lɔlɔ̃ afia yewo le ƒomea me kpakple amesiwo dina be yewoaɖee afia gake womete ŋu ɖenɛ fiana o la ŋu.\nGakpe ɖe eŋu la, Yehowa na kpekpeɖeŋu le Kristo-hamea me lɔlɔ̃tɔe. Yakobo ŋlɔ bena: \"Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ [le gbɔgbɔ me] la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me.\" (Yakobo 5:14) Ẽ, hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu gã aɖe ƒome siwo me tɔwo wòle sesẽm na be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo la. Togbɔ be hamemegãwo menye susumedɔdalawo o hã la, woate ŋu akpe ɖe wo hati xɔsetɔwo ŋu dzigbɔɖitɔe, menye be woagblɔ nusi wòle be woawɔ la na wo o, ke boŋ woaɖo ŋku Yehowa ƒe nukpɔsusu dzi na wo ahado gbe ɖa kpli wo kple ɖe wo ta.—Psalmo 119:105; Galatiatɔwo 6:1.\nLe Tohru kple Yoko gome la, Kristotɔ hamemegãwo sea woƒe kuxiawo hefaa akɔ na wo ɣesiaɣi. (Petro I, 5:2, 3) Ɣeaɖewoɣi la, hamemegã aɖe kple srɔ̃a va srãa wo kpɔ ale be Yoko nate ŋu akpɔ viɖe tso hadede kple nyɔnu Kristotɔ si kpɔ nu teƒe, amesi ate ŋu aɖo ŋku edzi na Yoko be 'wòalɔ̃ srɔ̃a' me. (Tito 2:3, 4) To nugɔmesese kple veveseseɖeamenu ɖeɖe fia ɖe hati Kristotɔwo ƒe fukpekpewo kple nuxaxawo ŋu me la, hamemegã va zua \"sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu.\"—Yesaya 32:1, 2.\nTo hamemegã dɔmenyotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, Tohru va kpɔe dze sii be kuxi le ye ŋu le yeƒe seselelãmewo ɖeɖe fia me eye be le \"ŋkeke mamlɛawo\" me la, Satana dzea ƒome ƒe ɖoɖoa dzi. (Timoteo II, 3:1) Tohru ɖoe be yeakpe akɔ kple yeƒe kuxia. Eva kpɔe be lɔlɔ̃ si yemete ŋu ɖena fiana o la tso lɔlɔ̃ si womeɖe fia ye le yeƒe ɖevime o la gbɔ. To Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple gbedodoɖa dzi la, Tohru va nɔ tɔtrɔm ɖe Yoko ƒe seselelãme nuhiahiãwo ŋu vivivi.\nTogbɔ be Yoko doa dziku ɖe Tohru ŋu hã la, esi wòva se ƒome si me wòtso gɔme hekpɔ eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la, edze agbagba vevie be yeakpɔ nyuiƒe si le ye srɔ̃ŋutsua ŋu. (Mateo 7:1-3; Romatɔwo 5:12; Kolosetɔwo 3:12-14) Eɖe kuku na Yehowa vevie be wòado ŋusẽ ye be yeayi edzi alɔ̃ ye srɔ̃a. (Filipitɔwo 4:6, 7) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Tohru va te lɔlɔ̃ ɖeɖe fia, wònye dzidzɔ na srɔ̃nyɔnua.\nẼ, ne esesẽna na wò be nàse le ɖokuiwo me be wolɔ̃ ye le ƒomea me eye wòsesẽna na wo be nàɖee afia la, àte ŋu aɖu kuxi ma dzi godoo. Mawu ƒe Nya na mɔfiame nyuiwo mi. (Psalmo 19:8) Ne èkpɔ alesi wònye ŋkubiãnyae, ne èdze agbagba be yeakpɔ ƒomea me tɔwo ƒe nyuiƒe, ne èsrɔ̃ Mawu ƒe Nya hetsɔe de dɔwɔna me, ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa vevie me, eye ne èdi Kristotɔ hamemegã tsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu la, àte ŋu aɖu nusi adze abe mɔxenu dziŋɔ si le mia kple wò ƒomea dome dzi. (Petro I, 5:7) Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ, abe alesi srɔ̃ŋutsu aɖe kpɔe ene le United States. Wode dzi ƒo nɛ be woaɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Esime wòtsɔ dzideƒo gblɔ mlɔeba be \"Melɔ̃ wò\" la, ŋuɖoɖo si srɔ̃a na la wɔ nuku nɛ. Etsɔ dzidzɔvi gblɔ be: \"Nye hã melɔ̃ wò, gake esiae nye zi gbãtɔ le ƒe 25 me si nègblɔe alea.\" Mègalala eteƒe nadidi nenema hafi nàɖe lɔlɔ̃ afia wò kpeɖeŋutɔ kple viwòwo o!\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nYehowa naa kpekpeɖeŋu le eƒe Nya, Biblia, me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021215\/Mi%C9%96e-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Fia-le-%C6%91omea-Me\/","date":"2020-01-22T08:33:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250606872.19\/warc\/CC-MAIN-20200122071919-20200122100919-00097.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983166456,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983166456222534}","num_words":2243,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ZI GBƆ ZI nenie nèléa ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu le ahuhɔ̃e me? Le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, esia nye nu si míewɔna gbe sia gbe—ɖewohĩ zi geɖe le ŋkekea me. Nu ka ta? Elabena míetsɔ ɖe le míaƒe dzedzeme me vevie.\nMíate ŋu atsɔ Biblia xexlẽ asɔ kple ŋkuléle ɖe ame ɖokui ŋu le ahuhɔ̃e me. (Yakobo 1:23-25) Ŋusẽ le gbedeasi si le Mawu ƒe Nya la me ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ame si míenye ŋutɔŋutɔ la adze sii. \"[Eƒona] ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ\" dome. (Hebritɔwo 4:12) Ne míagblɔe bubui la, emaa ame si míenye le gotagome kple ame si míenye ŋutɔŋutɔ le ememe la dome. Enana míekpɔa afi siwo wòhiã be míawɔ tɔtrɔ le, abe ale si ko ahuhɔ̃e kpena ɖe mía ŋu míewɔa asitɔtrɔ le míaƒe dzedzeme ŋu ene.\nMenye ɖeko Biblia nana míekpɔa tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ tɔtrɔ mawo hã. Apostolo Paulo ŋlɔ be: \"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.\" (2 Timoteo 3:16, 17) De dzesii be, viɖe ene siwo ŋu woƒo nu tso le afi sia la dometɔ etɔ̃—nyagbename, ɖɔɖɔɖo, kple amehehe—lɔ asitɔtrɔ le míaƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu ɖe eme. Ne ehiã be míanɔ ahuhɔ̃e me kpɔm edziedzi be míakpɔe ɖa be míaƒe dzedzeme sɔ hã la, aleke gbegbe wòhiã geɖe wu be míanɔ Mawu ƒe Nya Biblia xlẽm edziedzie nye esi!\nEsi Yehowa tia Yosua be wòakplɔ Israel-dukɔa la, egblɔ nɛ be: 'Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nàbu eŋu zã kple keli, ne nàlé nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi na wò, eye nu sia nu adze edzi na wò.' (Yosua 1:8) Ɛ̃, hafi Yosua nakpɔ dzidzedze la, ele be wòanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm \"zã kple keli,\" gbe sia gbe.\nPsalmo gbãtɔa hã ɖe viɖe si le Biblia xexlẽ edziedzi ŋu la fia esi wògblɔ be: 'Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, ame si metsia tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o; ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!' (Psalmo 1:1-3) Ðikeke mele eme o be míadi be míanye ame ma tɔgbi.\nAme geɖe na Biblia xexlẽ gbe sia gbe zu numame na wo. Esi wobia Kristotɔ aɖe be nu ka tae wòxlẽa Biblia gbe sia gbe hã la, eɖo eŋu be: \"Ne medoa gbe ɖa na Mawu zi geɖe le ŋkekea me hekpɔa mɔ be wòasee ɖe, nu ka tae nye hã nyemanɔ eƒe gbe sem to eƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe me o? Ne míedi be xɔlɔ̃wɔwɔ nyui nanɔ mía kple Mawu dome la, míawo ɖeɖe koe anɔ nua ƒoma?\" Eƒe nyaa me kɔ. Biblia xexlẽ le ko abe Mawu ƒe gbe sese ene, elabena enana míenyaa Mawu ƒe susu le nyawo ŋu.\nAkɔkpekpe Kple Kuxiawo\nÐewohĩ èwɔ ɖoɖo aɖe ɖe Biblia xexlẽ ŋu kpɔ. Ðe nète ŋu xlẽ Biblia bliboa katã? Emae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya emenyawo nyuie. Ke hã, ame aɖewo tee kpɔ zi gbɔ zi geɖe be yewoaxlẽ Biblia bliboa, gake ɖeko woƒe ɖoɖowɔɖia va tɔa kpe. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖo Biblia bliboa xexlẽ ƒe taɖodzinua gbɔ? Ðewohĩ aɖaŋuɖoɖo eve siwo gbɔna dzi wɔwɔ aɖe vi na wò.\nNa Biblia xexlẽ nanɔ wò gbe sia gbe nuwɔnawo dome. Tia ɣeyiɣi aɖe koŋ si dzi nàte ŋu axlẽ Biblia le le ŋkekea me. Wɔ ɖoɖoa ale gbegbe be ne le susu aɖewo ta mète ŋu xlẽe le ɣeyiɣi si koŋ nètia dzi o la, ɣeyiɣi bubu aɖe nanɔ anyi si dzi nàxlẽe le bene ŋkeke aɖeke nagava yi si dzi màxlẽ Mawu ƒe Nya la o. Ne èwɔe alea la, ekema èle kpɔɖeŋu si blema Beroiatɔwo ɖo ɖi la srɔ̃m. Wogblɔ tso wo ŋu be: \"Wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã.\"—Dɔwɔwɔwo 17:11.\nÐo taɖodzinu aɖe koŋ na ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me, ne èxlẽa ta etɔ̃, ene, alo atɔ̃ gbe sia gbe la, àte ŋu awu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka ko me. Aɖaka si kplɔ nyati sia ɖo la ɖe ale si esia ate ŋu anya awɔe la fia. Ðe manyo ŋutɔ be nàte ɖoɖowɔɖi sia kpɔ oa? Le afi si woŋlɔ \"Ɣletiŋkeke\" ɖo te la, ŋlɔ ŋkeke si nètia be yeaxlẽ ta aɖewo koŋ la ɖi. Ne èxlẽ ta mawo vɔ la, wɔ dzesi aɖe ɖe aɖakavi si le ta siwo nèxlẽ ƒe ɖusi me la me, si afia be yewu enu. Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nèle wɔwɔm ɖe ɖoɖowɔɖia dzii la adze sii.\nNe ète ŋu xlẽ Biblia bliboa vɔ la, ɖe wòle be nàtɔe ɖe afi ma? Àte ŋu azã ɖoɖowɔɖi ma ke atsɔ anɔ Biblia bliboa xlẽm ƒe sia ƒe, ɖewohĩ àte ŋu adze egɔme tso akpa bubu le ƒe ɖe sia ɖe me. Alo ne èdi be yeaɖe agbɔsɔsɔ si yexlẽna dzi akpɔtɔ vie la, àte ŋu azã ŋkeke eve alo etɔ̃ atsɔ axlẽ esi nèxlẽna le ŋkeke ɖeka dzi tsã.\nƔesiaɣi si nàxlẽ Biblia la, àke ɖe nu yeye siwo ka wò—nu siwo mède dzesi kpɔ gbeɖe o—la ŋu. Nu ka tae? \"Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm,\" eye míaƒe agbe kple nɔnɔmewo hã le tɔtrɔm gbe sia gbe. (1 Korintotɔwo 7:31) Eya ta ɖoe kplikpaa be yeanɔ Mawu ƒe Nya, Biblia la, ƒe ahuhɔ̃ea me kpɔm gbe sia gbe. Ne èwɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi be yena Mawu le nu ƒom na ye gbe sia gbe.—Psalmo 16:8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090801\/biblia-xexl%E1%BA%BD-gbe-sia-gbe\/","date":"2020-02-23T02:56:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145742.20\/warc\/CC-MAIN-20200223001555-20200223031555-00473.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974818826,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974818825721741}","num_words":995,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nNu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖa Aɖewo Ŋu O?\nEle bɔbɔe be woate ɖe Mawu ŋu. Abe ale si ko wònyea dzidzɔ na vifofo lɔ̃ame ne viawo tea ŋu ƒoa nu nɛ faa ene la, nenema kee wònyea dzidzɔ na Yehowa Mawu hã be míado gbe ɖa na ye. Togbɔ be ele alea hã la, abe ale si wònɔna le vifofo nyanu ɖe sia ɖe gome ene la, susu aɖewo li siwo tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o. Ðe susuawo le ɣaɣlaa, alo ɖe wòɖe nanewo fia le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míanya?\nApostolo Yohanes gblɔ be: \"Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.\" (1 Yohanes 5:14) Ele be mía��e gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ame aɖewo doa gbe ɖa biaa nu siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kura o—le kpɔɖeŋu me, wodoa gbe ɖa be yewoaɖu loto, alo yewoaɖu dzi le tsatsadada me. Ame bubu aɖewo hã medoa gbe ɖa kple nukpɔsusu nyui o. Nusrɔ̃la Yakobo ƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo doa gbe ɖa le mɔ gbegblẽ nu ŋu ale: \"Miebiana, ke miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam, ale be miaɖi kɔ na ŋutilã ƒe vivisese ƒe dzodzro sesẽ siwo le mia me.\"—Yakobo 4:3.\nLe kpɔɖeŋu me, tsɔe be bɔlƒoha eve aɖewo yina bɔl ƒo ge, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe do gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi. Míate ŋu akpɔ mɔ kura be Mawu naɖo gbedodoɖa mawo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu o. Míate ŋu agblɔ nya ma ke ku ɖe gbe siwo dukɔ siwo ho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu dona ɖa egbea be Mawu nana yewoaɖu dzi la hã ŋu.\nMawu meɖoa ame siwo gbea bubudede eƒe sewo ŋu la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. Ɣeaɖeɣi la, mawusubɔla alakpanuwɔlawo ƒe nuwɔna na Yehowa gblɔ be: \"Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!\" (Yesaya 1:15) Biblia gblɔ be: 'Ame si ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.'—Lododowo 28:9.\nGake Yehowa ɖoa to gbe siwo esubɔla, siwo dzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yewoasubɔe abe ale si wòdii ene, dona ɖa nɛ tso dzi blibo me la ɣesiaɣi. Ðe esia fia be ana nu sia nu si wobiae la nava eme na woa? Ao. Bu Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.\nMose nɔ ƒomedodo aɖe si tɔgbi mebɔ o me kple Mawu; ke hã, enɔ na eya hã be wòabia nu si wɔ \"ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu.\" Mose ɖe kuku na Mawu be wòaɖe mɔ na ye yeayi ɖe Kanaan nyigba dzi hegblɔ be: \"Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo.\" Nu si wòbia la mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o, elabena Mawu gblɔ na Mose do ŋgɔ be mayi anyigba ma dzi o le nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ ta. Eya ta Yehowa mewɔ ɖe Mose ƒe didia dzi nɛ o, ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be: \"Esɔ gbɔ, megaƒo nu kplim le nya sia ŋuti azɔ o.\"—5 Mose 3:25, 26; 32:51.\nApostolo Paulo do gbe ɖa be yeavo tso nane si ŋu wògblɔ le be enye 'ŋu aɖe nɔ yeƒe ŋutilã me' la si me. (2 Korintotɔwo 12:7) Ate ŋu anye be ŋkudɔ aɖe si ɖea fu na Paulo enuenu alo tsitretsiɖeŋulawo kple \"aʋatsonɔviwo\" ƒe fuɖename atraɖii yɔmee wònɔ be \"ŋu.\" (2 Korintotɔwo 11:26; Galatiatɔwo 4:14, 15) Paulo ŋlɔ bena: \"Meɖe kuku na Aƒetɔ la vevie zi etɔ̃ le esia ŋuti, be wòadzo le gbɔnye.\" Ke hã, Mawu nyae be ne Paulo yi edzi ɖe gbeƒã togbɔ be 'ŋu si nɔ eƒe ŋutilã me' la nɔ fu ɖem nɛ vevie hã la, ana Mawu ƒe ŋusẽ nadze ƒãa, eye wòaɖee afia be Paulo ɖoa ŋu ɖe Ye ŋu bliboe. Eya ta le esi Mawu nawɔ Paulo ƒe didia dzi nɛ teƒe la, ɖe Mawu gblɔ nɛ boŋ be: \"Nye ŋusẽ zua blibo le mewò le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.\"—2 Korintotɔwo 12:8, 9.\nVavãe, Mawu nya gbedodoɖa siwo ƒe ŋuɖoɖo aɖe vi na mí wu la nyuie wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɣesiaɣi hena míaƒe nyonyo le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le siwo wòɖe gblɔ le Biblia la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090101\/Nu-Ka-Tae-Mawu-Me%C9%96oa-Gbedodo%C9%96a-A%C9%96ewo-%C5%8Au-O\/","date":"2020-02-22T10:58:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145657.46\/warc\/CC-MAIN-20200222085018-20200222115018-00417.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9935117364,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9935117363929749}","num_words":726,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Blema Nugbugbɔŋlɔlawo Kple Mawu Ƒe Nya La\nWOWU Hebri Ŋɔŋlɔawo nu le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ƒe nuwuwu lɔƒo. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, Yudatɔ agbalẽnyalawo, vevietɔ Soferimwo kple Masoret siwo va ɖe wo yome tsɔ moveviɖoɖo kpɔ Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔwo tae. Ke hã, woŋlɔ Biblia gbalẽ xoxotɔwo tso keke Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo me ke, si nye ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na Soferimwo. Agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nuŋlɔɖi siawo ɖo la te ŋu gblẽna; le esia ta wogbugbɔ nɔa agbalẽxatsaxatsawo ŋlɔm enuenu. Nu kae wonya tso nugbugbɔŋlɔlawo ƒe dɔa ŋuti le blemaɣeyiɣi mawo me? Ðe nugbugbɔŋlɔla bibiwo nɔ blema Israel nyigbaa dzia?\nBiblia gbalẽ xoxotɔ siwo woŋlɔ kple asi siwo li egbea nye Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ƒe akpa aɖe, eye woŋlɔ wo dometɔ aɖewo le ƒe alafa etɔ̃lia kple evelia D.M.Ŋ. me. Nufialagã Alan R. Millard, ame si nye Titina Ɣedzeƒe gbewo kple tomenukuku ŋuti ŋunyala gblɔ be: \"Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔ gbãtɔwo dometɔ aɖeke megali míakpɔ o.\" Egblɔ kpee be: \"Dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe agbemedɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu tso blema nugbugbɔŋlɔdɔa ŋu, eye wòana míakpɔ asixɔxɔ si le Hebrigbe me nuŋlɔɖia kple eƒe ŋutinya ŋu.\"\nBlema Nugbugbɔŋlɔlawo Ƒe Dɔa\nWonɔa ŋutinyagbalẽwo, subɔsubɔgbalẽwo, segbalẽwo, sukugbalẽwo, kple modzakaɖegbalẽwo tam le Mesopotamia ƒe akpe enee nye esia. Nugbugbɔŋlɔlawo ƒe sukuwo dzi ɖe edzi, eye nu vevi siwo wofiana dometɔ ɖekae nye agbalẽ xoxo siwo li gbugbɔŋlɔ wòade pɛpɛpɛ. Vovototo suesuesue aɖewo koe egbegbe eŋununyalawo de dzesi le Babilontɔwo ƒe agbalẽ siwo wogbugbɔŋlɔ enuenu ƒe akpe ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la me.\nMenye Mesopotamiatɔwo koe wɔa nugbugbɔŋlɔdɔa o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Aɖaŋu siwo wozãna le nugbugbɔŋlɔƒe siwo nɔ Mesopotamia, Siria, kple Kanaan godoo, kpakple Egipte gɔ̃ hã madze nu yeye aɖeke na Babilontɔ nugbugbɔŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe domedome la o.\" *—The Oxford Encyclopedia of Archaeology in the Near East.\nEgiptetɔwo bua nugbugbɔŋlɔlawo ame ŋkutawoe le Mose ƒe ŋkekea me. Nugbugbɔŋlɔlawo gbugbɔ nɔa agbalẽwo ŋlɔm ɣeawokatãɣi. Dɔ sia dzena le ale si woɖo atsyɔ̃ na Egiptetɔwo ƒe yɔdo siwo xɔ ƒe akpe ene kple edzivɔwo me. Numekugbalẽ si me nyawo míeyɔ va yi gblɔ le blema nugbugbɔŋlɔlawo ŋu be: \"Kaka ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. naɖo la, wogbugbɔ agbalẽ geɖe, siwo ƒo nu tso Mesopotamiatɔwo kple Egiptetɔwo ƒe ŋkuʋuʋu ŋu, ŋlɔ heƒo wo nu ƒu, eye wowɔ sewo kple mɔfiamewo ɖe nugbugbɔŋlɔlawo ƒe dɔa ŋu.\"\n'Seawo kple mɔfiameawo' dometɔ ɖekae nye megbenyawo tsɔtsɔ kpe ɖe agbalẽa me nyawo ŋutɔ ŋu. Nugbugbɔŋlɔlaa ƒe ŋkɔ, ƒe si me wòŋlɔ agbalẽa, agbalẽ si dzi wòkpɔ ŋlɔe ƒe ŋkɔ, fliawo ƒe xexlẽme, kple bubuawo nɔa megbenya sia me. Zi geɖe la, nugbugbɔŋlɔlaa ŋlɔna kpee be: \"Meŋlɔ nuawo abe ale si wònɔ le gbãtɔa me ene, eye wogbugbɔ to eme.\" Nyatakaka siawo ɖee fia be blema nugbugbɔŋlɔlawo tsia dzi ɖe nuŋlɔɖia ƒe dede pɛpɛpɛ ŋu.\nNufialagã Millard, si ƒe nya míeyɔ va yi, gblɔ be: \"Edze kɔte be nugbugbɔŋlɔlawo wɔa aɖaŋu aɖewo koŋ ŋu dɔ le woƒe dɔa me, si lɔ nuawo me toto ake, kple vodadawo ɖɔɖɔɖo ɖe eme, eye aɖaŋumɔ aɖewo koŋ li hena mɔxexe ɖe vodadawo nu. Masoretwo va wɔ aɖaŋu siawo, vevietɔ esiwo nye fliwo kple nyawo xexlẽ, ŋu dɔ le Titinaɣeyiɣiwo me.\" Eya ta le Titina Ɣedzeƒe, le Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo me la, wodoa vevie nu le beléle na nuŋlɔɖi siwo li xoxo kple wogbugbɔŋlɔ wòade pɛpɛpɛ me.\nÐe nugbugbɔŋlɔla bibiwo nɔ Israel viwo hã sia? Nu kae Biblia me nyawo ŋutɔ ɖe fia?\nNugbugbɔŋlɔlawo Le Blema Israel\nFarao ƒe mee Mose nɔ tsi. (Mose II, 2:10; Dɔwɔwɔwo 7:21, 22) Le ame siwo srɔ̃ nu tso Egipte ŋu ƒe nya nu la, nu siwo Mose srɔ̃ dometɔ aɖewo anya nye Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo sɔsrɔ̃ nyuie, tsɔ kpe ɖe nugbugbɔŋlɔɖaŋu vi aɖe ya teti ŋu. Nufialagã James K. Hoffmeier gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Israel in Egypt me be: \"Kpeɖodziwo li si ta míaxɔe ase be ŋutete le Mose si be wòaŋlɔ nudzɔdzɔwo kple afi siwo wozɔ mɔ to ŋuti nyawo ɖi ahawɔ nugbugbɔŋlɔdɔ bubuwo hã abe ale si wòdze le Biblia mee ene.\" *\nBiblia ƒo nu tso ame bubu siwo hã bi ɖe nugbugbɔŋɔŋlɔ me le Israel la ŋu. Le numekugbalẽ si ŋkɔe nye The Cambridge History of the Bible ƒe nya nu la, Mose \"ɖo dzikpɔla siwo nye agbalẽnyalawo . . . be woaŋlɔ nyametsotsowo kple dɔwɔɖoɖo bubuwo ɖi.\" Wotu nyataƒoƒo sia ɖe Mose V, 1:15 dzi, si gblɔ be: \"Eye [nye Mose] metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, . . . ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, [kple dzikpɔlawo, NW] eye wonɔ miaƒe toawo nu.\" Ame kawoe nye dzikpɔla siawo?\nHebrigbe me nya si gɔme woɖe be \"dzikpɔla\" la dze zi geɖe le Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo ŋu me. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be nya sia fia \"agbalẽŋlɔla si wɔa nuŋlɔɖiwo,\" \"ame si 'ŋlɔa nu' alo 'dzraa nuŋlɔɖiwo ɖo,'\" kple \"dziɖuɖumegã aɖe si kpena ɖe ʋɔnudrɔ̃la ŋu le agbalẽŋɔŋlɔdɔ me.\" Ale si gbegbe Hebrigbe me nya sia dze enuenui ɖee fia be agbalẽŋlɔla siawo ƒomevi geɖe nɔ Israel, eye be agba geɖe nɔ wo dzi le dukɔa ƒe nyawo gbɔkpɔkpɔ me.\nKpɔɖeŋu etɔ̃lia ku ɖe Israel nunɔlawo ŋu. Numekugbalẽ si ŋkɔe nye Encyclopaedia Judaica gblɔ be: \"Subɔsubɔdɔ kple agbemedɔ bubu siwo wowɔna bia be woanya agbalẽ.\" Le kpɔɖeŋu me, Mose de se na Lewi viwo be: \"Ƒe adre sia ƒe adre, . . . naxlẽ se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me.\" Nunɔlawo va zu ame siwo kpɔa Se si wogbugbɔ ŋlɔ la ta. Woawoe ɖea mɔ be wòagbugbɔ bubuwo aŋlɔ eye wokpɔa dɔa dzi.—Mose V, 17:18, 19; 31:10, 11.\nBu ale si wogbugbɔ Sea ŋlɔ zi gbãtɔ ŋu kpɔ. Le Mose ƒe agbenɔɣi ƒe ɣleti mamlɛa me la, egblɔ na Israel be: \"[Ne] nètso Yordan va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wo ge dzi la, natu kpe gãwo ɖe tsitre, eye nasi akalo na wo. Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã ɖe wo dzi.\" (Mose V, 27:1-4) Le Yerixo kple Ai tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, Israel viwo va ƒo ƒu ɖe Ebal to, si le Ŋugbedodonyigbaa ƒe titina lɔƒo la gbɔ. Le afi ma la, Yosua ŋlɔ \"se, siwo Mose ŋlɔ\" la ɖe vɔsamlekpuia ƒe kpewo dzi nyateƒe. (Yosua 8:30-32) Nu sia ŋɔŋlɔ bia be nuŋlɔlawo kple nuxlẽlawo siaa nanɔ anyi. Esia ɖee fia be gbe ŋuti nunya kple aɖaŋu siwo hiã woatsɔ akpɔ woƒe agbalẽ kɔkɔewo ta wòade pɛpɛpɛ nɔ blema Israel viwo si.\nŊɔŋlɔawo Ƒe Dede Pɛpɛpɛ\nLe Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo megbe la, wogava ŋlɔ Hebrigbe me agbalẽxatsaxatsa vovovowo, eye wogbugbɔ wo ŋlɔ ake. Esi fafa kple dzaƒoƒo gblẽ nu le nu siwo dzi woŋlɔ nuawo ɖo ŋu ta la, eva hiã be woaŋlɔ bubuwo. Agbalẽ gbugbɔŋlɔdɔ sia yi edzi ƒe alafa geɖe.\nTogbɔ be ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ wɔ dɔa kple beléle blibo hã, vodada aɖewo tsi eme. Gake ɖe ame siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ ƒe vodadawo wɔe be emenyawo trɔa? Kpao! Ne wotsɔ Biblia bliboa la, vodada siawo meɖi naneke kura o, eye metrɔ emenyawo o, abe ale si blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ geɖe siwo li la tsɔtsɔ sɔ kple esiwo wogbugbɔ ŋlɔ ɖo kpe edzii ene.\nLe Kristotɔwo gome la, ale si Yesu Kristo bua Biblia gbalẽ gbãtɔawoe nye kpeɖodzi be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nyawo de pɛpɛpɛ. Nyagbɔgblɔwo abe \"Ðe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me?\" kple \"Alo menye Mose ye na se la mi oa?\" ene ɖo kpe edzi be Yesu bua agbalẽ siwo wogbugbɔ ŋlɔ, siwo nɔ anyi esime wònɔ anyigba dzi la, be kakaɖedzi le wo ŋu. (Marko 12:26; Yohanes 7:19) Gawu la, Yesu ɖo kpe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nyateƒenyenye dzi esime wògblɔ be: \"Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.\"—Luka 24:44.\nEya ta ele be míaka ɖe edzi be wogbugbɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ŋlɔ wòde pɛpɛpɛ tso blema ke. Ðeko wòle abe ale si Yesaya, nyagblɔɖila si gbɔgbɔ ʋã, gblɔe ene be: \"Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.\"—Yesaya 40:8.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 12 Afi siwo woƒo nu tso senya siwo Mose ŋlɔ ɖi ŋu la dze le Mose II, 24:4, 7; 34:27, 28; Mose V, 31:24-26. Woƒo nu tso ha aɖe si wòŋlɔ ɖi ŋu le Mose V, 31:22, eye wohe susu yi eƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe woƒe toƒewo le gbedzimɔzɔzɔa me dzi le Mose IV, 33:2.\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nEgiptetɔ nugbugbɔŋlɔla aɖe si le dɔ dzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 19]\nWoŋlɔ Biblia gbalẽ xoxotɔwo tso keke Mose ƒe ŋkekeawo me ke","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070315\/Blema-Nugbugb%C9%94%C5%8Bl%C9%94lawo-Kple-Mawu-%C6%91e-Nya-La\/","date":"2020-02-20T21:56:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145282.57\/warc\/CC-MAIN-20200220193228-20200220223228-00353.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992758632,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992758631706238}","num_words":1406,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nNu ka tae Yesu zã nya \"Abba, Fofo\" esi wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa?\nAramgbe me nya si nye 'ab·ba'ʹ ate ŋu afia \"fofo la\" alo \"O Fofo.\" Le teƒe etɔ̃ siwo katã nya sia dze le le Ŋɔŋlɔawo me la, wozãe wònye gbedodoɖa ƒe akpa aɖe, eye wokuna ɖe mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ŋu. Gɔmesese vevi kae nɔ nya sia ŋu le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi?\nNumekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Le amewo ƒe gbe sia gbe nuƒoƒowo me le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, ɖeviwo zãa nya 'abbā' zi geɖe na wo fofowo wònyea ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple bubudede ame ŋu ɖeɖe fia ƒe dzesi.\" (The International Standard Bible Encyclopedia) Enyea nya si ɖeviwo zãna tsɔ ɖea numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ fiana, eye wònyea nya gbãtɔ siwo wosrɔ̃na la dometɔ ɖeka. Yesu zã nya sia le gbe aɖe si wòdo ɖa vevie na Fofoa tso dzi blibo me la me. Le Getsemane bɔa me, gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, etsɔ nya siawo do gbe ɖa na Yehowa be \"Abba, Fofo.\"—Marko 14:36.\nNumekugbalẽ si míeyɔ fifi laa la yi edzi gblɔ be: \"'Abbā' zazã le nuƒoƒo na Mawu me nye nu si mebɔ kura le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe dziɖuɣiwo o; ɖewohĩ le esi nya sia zazã na Mawu adze abe hababa eyama alo bubumademade eŋu ene ta.\" Gake \"Yesu . . . ƒe nya sia zazã le gbedodoɖa me nye kpeɖoɖo ale si wògblɔ be yele ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu la dzi.\" Teƒe eve bubu siwo wozã nya \"Abba\" sia le le Ŋɔŋlɔawo me—siwo katã dze le agbalẽ siwo apostolo Paulo ŋlɔ me—la ɖee fia be ƒe alafa gbãtɔa me Kristotɔwo hã zãe le woƒe gbedodoɖawo me.—Romatɔwo 8:15; Galatiatɔwo 4:6.\nNu ka tae woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo le Helagbe me?\nApostolo Paulo gblɔ be Yudatɔwoe \"wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔeawo\" de asi na. (Romatɔwo 3:1, 2) Esia tae woŋlɔ Biblia ƒe akpa gbãtɔa ƒe akpa gãtɔ ɖe Hebrigbe, si Yudatɔwo dona la me ɖo. Gake woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo ya ɖe Helagbe me. * Nu ka tae?\nLe ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, Aleksanda Gãtɔ ƒe asrafowo doa Helatɔwo ƒe gbe xoxoa ƒe gbetagbe vovovo siwo ŋu wonɔ asi trɔm le be wòazu Koine, si nye Helagbe si ame geɖe dona. Aleksanda ƒe aʋadziɖuɖuwo wɔ akpa vevi aɖe le ale si Koine va zu dukɔwo dome gbegbɔgblɔ la me. Kaka aʋadziɖuɣi mawo naɖo la, Yudatɔwo kaka ɖe dukɔ geɖewo me. Wo dometɔ geɖewo metrɔ yi Palestina tso woƒe aboyomenɔnɔ le Babilon, si wu enu ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la me o. Esia wɔe be Yudatɔ geɖewo megate ŋu doa Hebrigbe akuakua o, eye wova doa Helagbe boŋ. (Dɔwɔwɔwo 6:1) Wova ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Koine me, si va nye Septuagint Biblia la, be Yudatɔ siawo nate ŋu axlẽe.\nNyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be gbegbɔgblɔ bubu aɖeke \"mede ame dzi, si wote ŋu zãna le mɔ vovovowo nu, si ame geɖe dona, eye wòde du de Helagbe nu ɣemaɣi o.\" (Dictionnaire de la Bible) Esi gbea de to, si naa wotea ŋu kpɔa nya siwo woazã na nu sia nu, eye gbeŋutisea kple dɔwɔnyawo de to hewɔe be nyawo kpɔkpɔ na gɔmesese vovovo siwo te ŋu nɔa nya ɖeka aɖe si nɔa bɔbɔe ta la, enye \"gbe si sɔ nyuie, si ame ƒomevi geɖewo zãna le ɣeyiɣi mawo me tsɔ naa nyatakaka wo nɔewo—si tututu Kristotɔwo hiã atsɔ awɔ woƒe dɔae.\" Ðe mesɔ nyuie ŋutɔ be Helagbe mee woŋlɔ Kristotɔwo ƒe gbedeasia ɖo oa?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa ʋɛ aɖewo ɖe Aramgbe me. Hebrigbe mee Mateo ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖo gbã hafi ɖewohĩ eya ŋutɔ va ɖe egɔme ɖe Helagbe me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 13]\nHelagbe me Septuagint la ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nCourtesy of Israel Antiquities Authority","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090401\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-02-21T15:27:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145533.1\/warc\/CC-MAIN-20200221142006-20200221172006-00209.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973189831,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973189830780029}","num_words":635,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso Agbalẽxatsaxatsa Dzi Yi Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ Dzi Ale Si Biblia Wɔ Va Zu Agbalẽ\nLE ŊUTINYA katã me la, amewo zãa mɔnu vovovowo tsɔ ŋlɔa nyatakakawo ɖi. Le blemaɣeyiɣiwo me la, nuŋlɔlawo ŋlɔa woƒe nyawo ɖe ŋkuɖodzikpewo, kpewo alo ati gbadzɛwo, lãgbalẽ ɖeɖewo kple nu bubuwo hã dzi. Va ɖo ƒe alafa gbãtɔ mía ŋɔli me la, nu si dzi koŋ amewo lɔ̃a nuŋɔŋlɔ ɖo le Titina Ɣedzeƒe nutowo mee nye agbalẽxatsaxatsa. Emegbe wova te codex alo blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ si va xɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa teƒe la zazã le nyawo ŋɔŋlɔɖi me. Ewɔ akpa vevi aɖe le Biblia mama hã me. Nu kae nye blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ la, eye aleke wɔ wova te ezazã?\nBlemasinuŋɔŋlɔgbalẽ nye ale si agbalẽ siwo zãm míele fifia ƒe nɔnɔme le la ƒe gɔmetoto. Enyea agbalẽ ɖeɖewo nuƒoƒoƒu ahabla wo be woazu agbalẽ babla ɖeka. Woŋlɔa nu ɖe woƒe axawo kple eveawo dzi eye wodoa akpa nɛ. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo ƒe nɔnɔme menɔ pɛpɛpɛ abe egbegbegbalẽwo ene o, ke boŋ abe ale si wòle le nutovɛ bubu geɖe gome ene la, ɖe wova nɔ asi trɔm le wo ŋu le ame siwo wɔa wo ŋu dɔ ƒe hiahiãwo kple didiwo nu.\nAti, Anyĩgba, Kple Lãgbalẽ\nLe gɔmedzedzea me la, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽawo nye ati gbabɛ siwo ŋu wosia anyĩgba si wolólo la ɖo. Woke ɖe ati gbabɛ siawo siwo dzi woŋlɔ nu ɖo helé wo ɖekae le go ɖeka dzi abe agbalẽ ene la ŋu le Herculaneum, du si tsrɔ̃ kpe ɖe Pompeii du la ŋu esime Vesuvius To la wó le ƒe 79 M.Ŋ. me la me. Emegbe wova zãa nu siwo dzi woŋlɔa nu ɖo siwo woate ŋu aŋe ɖe wo nɔewo dzi bɔbɔe la ɖe esiawo siwo sesẽ la teƒe. Woyɔa blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo le Latingbe me be membranae alo lãgbalẽwo, le esi wotsɔa lãgbalẽ ɖeɖewo wɔa woƒe axawoe zi geɖe ta.\nAƒlagbalẽwoe wotsɔ wɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo gakpɔtɔ li egbea. Kristotɔwo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake siwo li la nye aƒlagbalẽ wɔwɔewo * siwo wodzra ɖo ɖe Egipte ƒe nuto aɖewo siwo me yame ƒuna le la ƒe nudzraɖoƒe.\nAgbalẽxatsaxatsa La Loo Alo Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ La?\nEdze abe agbalẽxatsaxatsa la koŋue Kristotɔwo nɔ zazãm ene, ne mede ɖeke o la, va de asi na ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu ya teti. Tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ me va se ɖe ƒe alafa etɔ̃lia me la, ame geɖe di vevie be amewo nazã blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa eye ame bubuwo hã di vevie be amewo nayi edzi anɔ agbalẽxatsaxatsaa zãm. Blemakɔnutaʋlila siwo agbalẽxatsaxatsaa zazã ma la medi be yewoaɖe asi le mɔ siwo nu amewo wɔa nu ɖo kple kɔnyinyiwo ŋu o. Gake bu nu si gbegbe wòlɔ ɖe eme be ame naxlẽ agbalẽxatsaxatsa la ŋu kpɔ. Zi geɖe la, agbalẽxatsaxatsa nyea aƒlagbalẽ ɖeɖe alo lãgbalẽ ɖeɖe xexlẽme aɖe koŋ siwo wotsyãna ɖe wo nɔewo nu wòzua agbalẽ didi ɖeka, eye emegbe woŋlɔnɛ. Woŋlɔa nyawo ɖe agbakawo me ɖe agbalẽxatsaxatsaa ƒe ŋgɔdze. Ele na nuxlẽla be wòavlu agbalẽxatsaxatsaa ahake ɖe teƒe si wòdi be yeaxlẽ ŋu. Ne ewu exexlẽ nu vɔ la, agagbugbɔ aŋlɔe ake. (Luka 4:16-20) Ehiãna zi geɖe be woazã agbalẽxatsaxatsa geɖewo hafi ate ŋu aŋlɔ nu tso nya aɖe ŋu, si wɔnɛ be ezazã nyea dɔ blibo. Togbɔ be edzɔa dzi na Kristotɔ siwo nɔ anyi tso ƒe alafa evelia me ya be yewoaŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo ɖe blemasinuŋlɔgbalẽwo ƒe nɔnɔme nu hã la, amewo yi edzi zã agbalẽxatsaxatsaa hena ƒe alafa geɖe. Ke hã, agbalẽtata ŋuti nunyalawo xɔe se be Kristotɔwo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã wɔ akpa vevi aɖe le ale si ame geɖewo va trɔ ɖe ezazã ŋu me.\nViɖe siwo le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã me la sɔ gbɔ—wote ŋu ŋlɔa nya gbogbowo ɖe wo me, wo zazã nɔa bɔbɔe, eye wo tsɔtsɔ ɖe asi hã mesesẽ o. Togbɔ be ame aɖewo de dzesi viɖe siawo le ɣeyiɣi mawo me hã la, ame akpa gãtɔ menɔ lɔlɔ̃m be yewoaɖe asi le agbalẽxatsaxatsaa zazã ŋu o. Gake le ƒe alafa geɖewo megbe la, nu geɖewo va wɔe be ʋɛʋɛʋɛ la, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã va xɔ anyi nɔ.\nBlemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo zazã dea ame dzi le ganyawo gome wu agbalẽxatsaxatsawo zazã. Woate ŋu aŋlɔ nu ɖe woƒe axawo kple evea siaa dzi, eye woate ŋu abla agbalẽ geɖe wòanye agbalẽ babla ɖeka. Le ame aɖewo ƒe susu nu la, ale si wònɔa bɔbɔe be woate ŋu ake ɖe nya aɖewo koŋ ŋu le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo me la koŋue na Kristotɔwo kple agbalẽnyalawo abe senyalawo ene lɔ̃a wo zazã ɖo. Agbalẽ kpokploe si me nya gbogbowo ate ŋu anɔ—alo mawunyakpukpui geɖe ŋɔŋlɔɖi ɖe agbalẽ si woate ŋu atsɔ ɖe asi me—ɖea vi na Kristotɔwo ya ŋutɔ le nyanyuikakadɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wodoa akpa na blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo, eye zi geɖe la, wotsɔa ati wɔnɛ, si nana be wote ŋu nɔa anyi wòdidina wu agbalẽxatsaxatsawo.\nBlemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo nyo hã na ɖokuisinuxexlẽ. Va ɖo ƒe alafa etɔ̃lia ƒe nuwuwu la, woŋlɔ Nyanyuigbalẽawo me nyawo ɖe agbalẽ aɖe si woate ŋu atsɔ aƒo ɖe kotoku me bɔbɔe la me henɔ mamam le ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la dome. Tso ɣemaɣi la, wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo, ɖekaɖeka biliɔn geɖe, ɖe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo ƒe nɔnɔme nu.\nEgbea la, mɔnu geɖewo va li siwo wɔe be wote ŋu kena ɖe mawumenunya siwo le Biblia me la ŋu bɔbɔe. Woate ŋu ake ɖe wo ŋu le kɔmpiutawo dzi, agba siwo dzi woléa nyawo ɖo dzi, kple agbalẽwo me. Mɔnu siawo dometɔ ka ke dzie nètona xlẽa Biblia o, yi edzi nàtsɔ atu wò lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo, eye nàde ŋugble le eŋu gbe sia gbe.—Psalmo 119:97, 167.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye \"The Early Christian Codex,\" si dze le August 15, 1962 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 501-5.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]\nBlemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo wɔ akpa vevi aɖe le Biblia mama me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070601\/Tso-Agbal%E1%BA%BDxatsaxatsa-Dzi-Yi-Blemasinu%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94gbal%E1%BA%BD-Dzi-Ale-Si-Biblia-W%C9%94-Va-Zu-Agbal%E1%BA%BD\/","date":"2020-02-25T18:42:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146127.10\/warc\/CC-MAIN-20200225172036-20200225202036-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989596009,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989596009254456}","num_words":945,"character_repetition_ratio":0.106,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video Siwo Doa Dzidzɔ Na Ðeviwo\nYehowa Ðasefowo wɔa ɖeviwo ƒe video geɖewo be woakpe ɖe ɖeviwo ŋu woasrɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Aleke wowɔa video siawoe, eye aleke ɖeviwo wɔa nu ɖe video siawo ŋui? Kpɔ video sia ne nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.\nKpɔ Esia Hã\nAGBALẼTATADƆA\nYehowa Ðasefowo wɔa video siwo fiaa nu vevi aɖewo ɖeviwo tso agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Dɔ kae wowɔna ɖe amewo dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/video-siwo-doa-dzidz%C9%94-na-%C9%96eviwo\/","date":"2020-05-30T07:05:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407289.35\/warc\/CC-MAIN-20200530040743-20200530070743-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984896779,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984896779060364}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.094,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nAngola\nAssociação das Testemunhas de Jeová\nCaixa Postal 6877\nLUANDA\nANGOLA\n+244 923-166-760\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/angola\/","date":"2020-05-27T07:12:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347392141.7\/warc\/CC-MAIN-20200527044512-20200527074512-00106.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993208647,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993208646774292}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU KƆ GBEDOXƆA ŊU\nEsi wowu srɔ̃ɖeɖea nu le Kana la, Yesu ɖo ta Kapernaum. Yesu dada kple dadaviawo, siwo nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda yi kplii.\nGake nu ka tae Yesu yi Kapernaum? Afi si wotso du sia ɖo la ɖe dzesi wu Nazaret alo Kana eye edze ƒãa be elolo wu hã. Azɔ hã nusrɔ̃la yeye siwo Yesu kpɔ la dometɔ geɖe nɔ Kapernaum alo afi si te ɖe eŋu. Eya ta Yesu ate ŋu ana hehe wo esime wogakpɔtɔ le woƒe nutoa me.\nEsime Yesu nɔ Kapernaum la, ewɔ nukudɔwo hã. Eya ta dua me tɔwo kple nutoa me tɔ geɖe se nu tso nukudɔ siwo wòwɔ le afi ma la ŋu. Gake eteƒe medidi o, ele be Yesu kple eƒe zɔhɛ Yudatɔ siawo siwo doa vevie mawusubɔsubɔ la naɖo ta Yerusalem be woaɖaɖu ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia.\nEsime wonɔ gbedoxɔa me le Yerusalem la, Yesu wɔ nane si wɔ dɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi ŋutɔ si mewɔ wokpɔ kpɔ o.\nMawu ƒe Se la bia tso Israel-viwo si be woatsɔ lãwo asa vɔe le gbedoxɔa me, eye ame siwo zɔ mɔ va la ahiã nuɖuɖu kple nuhiahiã bubuwo. Eya ta Sea ɖe mɔ be ame siwo azɔ mɔ tso didiƒewo ava Yerusalem la natsɔ ga ɖe asi be woatsɔ aƒle \"nyiwo, alẽwo, gbɔ̃wo,\" kple nu bubu siwo ahiã wo esime wole dua me. (5 Mose 14:24-26) Eya ta asitsala siwo nɔ Yerusalem la dzraa lãwo alo xewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu gã aɖe me. Eye wo dometɔ aɖewo nɔ amewo bam to asi sesẽ dodo na wo dzi.\nDɔme ve Yesu ŋutɔ wòtrɔ gagbalawo ƒe gawo ƒu gbe eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi henya wo do goe. Eye Yesu gblɔ be: \"Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asitsaƒee o!\"—Yohanes 2:16.\nEsi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, woɖo ŋku nyagblɔɖi si ku ɖe Mawu ƒe Via ŋu la dzi be: \"Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu abi le menye abe dzo ene.\" Gake Yudatɔwo biae be: \"Dzesi kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ mɔ awɔ nu siawo?\" Yesu ɖo eŋu be: \"Migbã gbedoxɔ sia, eye magatui le ŋkeke etɔ̃ me.\"—Yohanes 2:17-19; Psalmo 69:9.\nYudatɔwo susu be gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ si le Yerusalem la ŋu nya gblɔmee Yesu nɔ, eya ta wobiae be: \"Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àgbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ mea?\" (Yohanes 2:20) Gake Yesu ƒe ŋutilã ŋue wònɔ nu ƒom le abe gbedoxɔ ene. Ƒe etɔ̃ megbe esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku eƒe nya siawo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-g%C9%94medzedze\/dzo-n%C9%94-eme-%C9%96e-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2020-07-02T19:28:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655879738.16\/warc\/CC-MAIN-20200702174127-20200702204127-00567.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992300272,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992300271987915}","num_words":431,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke\nGbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua wɔ akpa vevi aɖe le nyateƒegbedeasia gbɔgblɔ na amewo le xexea me godoo me. Àkpɔ ale si wole hehe nam dutanyanyuigblɔlawo kple wo dɔdɔ ɖo ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke be woaɖagblɔ nya nyuia na amewo katã le video sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/videowo\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-va-se-%C9%96e-anyigba-%C6%92e-se%C6%92e-ke\/","date":"2020-08-03T17:35:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735823.29\/warc\/CC-MAIN-20200803170210-20200803200210-00320.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996092916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996092915534973}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA MAŊLƆ LƆLƆ̃ SI NÈÐE FIA LA BE O, EMEGBE MIDZRO NYABIASE SIAWO ME:\nKuxi kawo mee míetona ne míele tsitsim?\nNɔnɔme nyui kae nɔa ame si sum zi geɖe ne ele tsitsim?\nAleke Yehowa bua esubɔla tsitsi wɔnuteƒe siwo megatea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o?\nNu kae Yehowa di be míawɔ ne míetsi gɔ̃ hã?\nAleke ame tsitsiwo ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwoe?\nGblɔ ale si nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe de dzi ƒo na wò le ŋkeke siawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may15-21\/yehowa-ma%C5%8Bl%C9%94-l%C9%94l%C9%94%CC%83-si-n%C3%A8%C9%96e-fia-be-o\/","date":"2020-08-13T11:57:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738982.70\/warc\/CC-MAIN-20200813103121-20200813133121-00599.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984491467,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984491467475891}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÀKPƆ to kɔkɔ siwo tame sno xɔ keŋ la le Kyrgyzstan dukɔa me; ele Titina Asia eye wòdo liƒo kple dukɔ siwo nye Kazakhstan, Uzbekistan, Tajikistan kple China. Dukɔa ƒe anyigba 90 le alafa me nye to. Togbaka si ŋkɔe nye Tian Shan si ƒe kɔkɔƒe nye meta 7,439 la le Kyrgyzstan. Avewo xɔ dukɔa ƒe anyigbaa ƒe 4 le alafa me. Eɖe dzesi be Kyrgyzstan ye walnut-ti ƒe ave lolotɔ le le xexea me.\nKyrgyzstantɔwo nye amedzrowɔlawo eye wodea bubu ame ŋu. Ne Kyrgyzstantɔwo le nu ƒom na ame si tsi wu wo alo wodi be yewoatso ne ame tsitsi aɖe nanɔ woƒe zi dzi le ʋu me alo ana zi ame ɖe teƒe si bubu le le kplɔ̃ ŋu la, wozãa nya si ɖea bubudeameŋu fiana.\nDzilawo ƒe viwo nyea etɔ̃ alo wua nenema. Eye zi geɖe la, dɔmlɔea ye nɔa wo dzilawo gbɔ ne eɖe srɔ̃ kura gɔ̃ hã, eye wòkpɔa wo dzi le woƒe tsitsime.\nWofiaa ale si woanye srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla nyui nyɔnuviwo tso ɖevime ke. Kaka woaxɔ abe ƒe 15 ene la, wosua te nyuie ate ŋu akpɔ aƒe dzi. Ne nyɔnuvi aɖe le srɔ̃ ɖe ge la edzilawo naa nui. Nu siawo dometɔ aɖewo nyea abadzivɔ kple nudodo vovovowo kpakple anyigbakuntru si wotsɔ asi lɔ̃. Eye tabianu si ŋugbetɔsrɔ̃a nana ye nye ga kple lãwo.\nNe wole azãwo ɖum alo le kunu wɔm la, wowua alẽ alo sɔ. Woflia lãa ɖe akpa vovovowo me, eye wotsɔa akpa vovovoawo naa ame tɔxɛ aɖewo. Wonɔa te ɖe amedzroawo ƒe ƒexɔxɔ kple ɖoƒe dzi hafi maa lãa ƒe akpa vovovoawo; le esia wɔwɔ me gɔ̃ hã la, bubudede ame ŋu koŋ ye nana wowɔnɛ alea. Emegbe wotsɔa dukɔa ƒe nuɖuɖu vevitɔ si nye beshbarmak ɖoa kplɔ̃ na vavalawo. Asie wotsɔ ɖunɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2016-august\/kyrgyzstan-nu-dodzidz%C9%94name-%C9%96edzesiwo\/","date":"2020-09-26T08:31:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400238038.76\/warc\/CC-MAIN-20200926071311-20200926101311-00052.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983406663,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983406662940979}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI wònye be ƒodo dzi ko da zɔna ɖo ta la, ele be eƒe ŋutigbalẽ nasesẽ ale be wòate ŋu ato afi sia afi dedie. Da ƒomevi aɖewo lia ati siwo ŋuti le glidzaglidza, eye bubuwo hã ɖia wo ɖokuiwo ɖe ke me. Nu kae na da ƒe ŋutigbalẽ sesẽna nenema gbegbe?\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Dawo ƒe ŋutigbalẽ ƒe titrime kple wɔwɔme tea ŋu toa vovo na wo nɔewo tɔ. Gake dawo katã ƒe ŋutigbalẽ sɔ le nu ɖeka ya gome: Eyae nye be woƒe ŋutigbalẽa ŋuti sesẽna, gake etume nɔa bɔbɔm vivivi yina ɖe ememe. Vi kae esia ɖena? Numekula Marie-Christin Klein gblɔ be: \"Le nu siwo ƒe ŋuti sesẽ evɔ woƒe tume ya bɔbɔ gome la, ne nane ka wo ŋu alo va lɔ wo la, wotea ŋu maa vevesesea ɖe ŋutilã ƒe akpa geɖe sɔsɔe.\" Ale si da ƒe ŋutigbalẽ ƒe wɔwɔme le etɔxɛe la wɔe be etea ŋu lina ɖe anyigba nyuie eye wòtea ŋu zɔna bɔbɔe. Eye ne eto kpe glidzaglidza siwo ate ŋu agblẽ nu le eƒe ŋutigbalẽ ŋu dzi la, ŋutilã ƒe akpa si to edzi la maa vevesesea ɖe ŋutilã ƒe akpa bubuwo sɔsɔe, eye esia wɔnɛ be megblẽa nu le eƒe ŋutilã ŋu boo o. Esi wònye be exɔa ɣleti eve alo etɔ̃ hafi da ɖea tsro ta la, ehiã vevie be eƒe ŋutigbalẽ nasesẽ.\nNu siwo ƒe wɔwɔme le abe da ƒe ŋutigbalẽ ene ate ŋu aɖe vi ŋutɔ le atikewɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu azã aɖaŋu ma atsɔ awɔ amegbetɔ ƒe ŋutinu siwo asesẽ eye womate ŋu aɖe bɔbɔe o. Woate ŋu azã da ƒe ŋutigbalẽ ƒe wɔwɔme hã ƒe aɖaŋu atsɔ awɔ akpa siwo troa mɔ̃wo abe gatekpa ene, si awɔe be mɔ̃memi, siwo ƒoa ɖi yame la, ƒe vi aɖe ko wòahiã be woazã.\nNu kae nèsusu? Ðe da ƒe ŋutigbalẽ dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201403\/da-%C6%92e-%C5%8Butigbal%E1%BA%BD\/","date":"2020-09-26T22:35:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400245109.69\/warc\/CC-MAIN-20200926200523-20200926230523-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998208344,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982083439826965}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa?\nYehowa Mawu di be míaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na ye faa, eye edi be míanɔ ewɔm edziedzi. (Luka 18:1-7) Eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo, elabena etsɔ ɖe le eme na mí. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo la le mía kpem lɔlɔ̃tɔe be míado gbe ɖa na ye ta la, ɖe manyo ŋutɔ be míanɔ gbe dom ɖa nɛ oa?\nMenye mɔ si dzi míato abia kpekpeɖeŋu koe gbedodoɖa nye o. Ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Mawu ŋu. (Psalmo 8:4, 5) Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Mawu edziedzi la, mía kplii dome va nɔa kplikplikpli.\nAleke wòle be míado gbe ɖae?\nMawu medi be míanɔ nya gã nya gãwo gblɔm ne míele gbe dom ɖa alo alé gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm o. Medi tso mía si hã be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖa o. Yehowa le dzi dem ƒo na mí be míado gbe ɖa tso dzi me. (Mateo 6:7) Le kpɔɖeŋu me, le blema Israel la, Xana do gbe ɖa tso ƒomekuxi aɖe si zu nuxaxa nɛ la ŋu. Emegbe esi eƒe nuxaxaa trɔ zu dzidzɔ la, edo gbe ɖa tso dzi me tsɔ da akpe na Mawu.\nMɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi gbedodoɖa nye! Míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo na mía Wɔla la. Míate ŋu akafui ahada akpe nɛ hã ɖe nu siwo wòwɔna la ta. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe ŋutɔe gbedodoɖa nye, si ŋu dɔ wòle be míawɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140701\/m%C3%ADado-gbe-%C9%96a\/","date":"2020-10-21T19:31:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107877420.17\/warc\/CC-MAIN-20201021180646-20201021210646-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980702996,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980702996253967}","num_words":245,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ɖo kpe Biblia me nuŋlɔɖiwo dzia? Le ƒe 2014 me la, nyati aɖe si dze le magazine si nye Biblical Archaeology Review me bia be: \"Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me dometɔ neni dzie tomenukulawo ɖo kpee be wonɔ anyi kpɔ?\" Eɖo eŋu be: \"Ame 50 ya teti!\" Ame ɖeka aɖe si ŋu nyatia meƒo nu tsoe o lae nye Tatenai. Ame kae wònye? Na míalé ŋku ɖe akpa si wòwɔ le Biblia me ŋutinya me ŋu kpɔ.\nTsã la, Yerusalem nye Persia Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe. Yerusalem nɔ teƒe aɖe si Persiatɔwo yɔna be Tɔsisia-Godo, si nye Frat-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Persiatɔwo ɖu Babilontɔwo dzi megbe la, woɖe asi le Yudatɔ siwo nye aboyomewo ŋu, eye woɖe mɔ na wo be woagbugbɔ Yehowa ƒe gbedox��a atu le Yerusalem. (Ezra 1:1-4) Ke hã, Yudatɔwo ƒe futɔwo tsi tre ɖe dɔa ŋu eye wotso wo nu be wodze aglã ɖe Persia dziɖuɖua ŋu. (Ezra 4:4-16) Le Dario I ƒe dziɖuɣi (ƒe 522-486 D.Y.) la, Persia-megã si ŋkɔe nye Tatenai ɖoe be yeaku nya la me. Biblia yɔe be \"nutodziɖula le nuto si le Tɔsisia godo.\"—Ezra 5:3-7.\nWoke ɖe nuŋlɔkpe gbadzɛ siwo dzi Tatenai ƒe ŋkɔ dze le ŋu le nuŋlɔɖi siwo anya nye eƒe ƒomea tɔ la me. Nuŋlɔkpe gbadzɛ siawo dometɔ aɖe ƒo nu tso ƒome sia me tɔ ɖeka ŋu kpe ɖe ame si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu. Eye ŋugbe aɖe si wodo le Dario I, ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 20 lia me le ƒe 502 D.Y., ŋuti nuŋlɔɖi dze le edzi. Nuŋlɔkpe sia ɖee fia be ame si nye ŋugbedodo sia ƒe ɖasefo la nye subɔvi na \"Tattannu, nutodziɖula si le Tɔsisia–Godo,\" Tattannu sia kee woyɔ be Tatenai le Biblia-gbalẽ si nye Ezra me.\nÐoƒe kae nɔ ŋutsu sia si? Le ƒe 535 D.Y. me la, Kores Gãtɔ, ma teƒe siwo dzi ɖum wònɔ la ɖe nuto vovovowo me, woyɔ nuto siawo dometɔ ɖeka be Babilon Kple Tɔsisia-Godo. Emegbe wova ma nuto sia ɖe akpa eve, eye woyɔ ɖeka be Tɔsisia-Godo. Akpa sia lɔ Coele-Syria, Foinike Samaria kple Yuda ɖe eme eye edze abe Damasko ye nuto sia dzi ɖula nɔ ene. Tatenai ɖu nuto sia dzi tso ƒe 520 va ɖo 502 D.Y.\nEsi Tatenai yi Yerusalem vae ku nu me tso nya si wotsɔ ɖe Yudatɔwo ŋu la, eva gblɔ na Dario be Yudatɔwo be yewoxɔ mɔɖeɖe tso Kores gbɔ be yewoagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa atu. Numekuku siwo wowɔ le fia ƒe nuŋlɔɖiwo me ɖo kpe nya sia dzi. (Ezra 5:6, 7, 11-13; 6:1-3) Eya ta Dario de se na Tatenai be megaɖe fu na wo o, eye wòwɔ ɖe edzi.—Ezra 6:6, 7, 13.\nMewɔ nuku o be \"Tatenai, si nye nutodziɖula le nuto si le Tɔsisi la godo\" la mewɔ akpa boo aɖeke le ŋutinya me o. Gake de dzesii be Ŋɔŋlɔawo yɔ eŋkɔ kple ɖoƒe si tututu nɔ esi. Nyateƒenya sia ganye kpeɖodzi bubu be tomenukukuwo ɖoa kpe ale si Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ la dzi zi geɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2017-may\/tomenukulawo-kpe%C9%96odzi-tatenai\/","date":"2020-10-31T08:38:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107916776.80\/warc\/CC-MAIN-20201031062721-20201031092721-00135.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985987544,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985987544059753}","num_words":491,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afikae Nàkpɔ Dedienɔnɔ Le?\nÐekakpui Josué ʋuʋu asi na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le Ɣetoɖoƒe Afrika kɔƒedu sue aɖe me. * Emegbe edze mɔ yi dugã me be yeaɖadi ga. Gake le dugãa me ɖoɖo megbe kpuie la, mɔkpɔkpɔ bu ɖee vevie esime wòkpɔe be ga megbagba ɖi le dugãa me woalɔ o.\nAGBAGBADZEDZE be yeatrɔ ɖe dugã me gbenɔnɔ ŋu na dzi ɖe le Josué ƒo vevie. Dugãa me mele abe alesi wòsusui ene kura o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Josué di vevie le dzi me be yeatrɔ ayi yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ le kɔƒedu sue ma si me wòdzo le la me. Gake enɔ vɔvɔ̃m be kɔƒea me tɔ aɖewo aɖe alɔme le ye ŋu. Nusi ŋu wòtsi dzi ɖoe nye be: 'Woaɖu fewu le ŋunye be nuwo medze edzi nam le dugãa me o.'\nNusi ganɔ fu ɖem nɛ vevie wu gɔ̃ hãe nye alesi dzi aɖe ɖe edzilawo ƒoe. Eŋue wole ŋu ɖom ɖo be wòayi anɔ asi dom ɖe yewo gbɔ vivivi. Esime Josué nɔ agbagba dzem be yeaɖu nuteɖeamedzi sia dzi la, eɖadi dɔ tsɛ aɖe nɔ wɔwɔm, ewɔa dɔ gaƒoƒo geɖe gake fetu si wòxɔna megogo esi wòsusu le mɔ aɖeke nu kura o. Dɔa tea ɖeɖi eŋu ale gbegbe. Eye ɣeyiɣi si wòkpɔna ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ, siwo ŋu wòdea asixɔxɔe vevie ŋu la dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe si wòdzo le edzilawo kple xɔlɔ̃wo gbɔ ɖale la na wòléa blanui hetsia akogo. Ekpɔe be yemekpɔ dedienɔnɔ si dim yele vevie la le dugãa me o.\nTogbɔ be ŋkɔwo kple duwo le vovovo hã la, nublanuinya si dzɔ ɖe Josué dzi kee le dzɔdzɔm ɖe amewo dzi gbesiagbe. Menye esi Josué dia eɖokuitɔ tae wòʋu ɖo o—dedienɔnɔ ko dimee wòle. Ebui kokoko be nuwo anyo na ye le dugãa me wu kɔƒedu sue si me yele me. Togbɔ be ame aɖe ate ŋu atrɔ asi le eƒe ganyawo ŋu wòanyo awu hã la, ema mefia dedienɔnɔ vavãtɔ o. Nuwo meva de Josué ya dzi kura o, eye medea ame akpa gãtɔ siwo hã tea esia kpɔna la dzi o. Esia na míebia be, 'Nukae nye dedienɔnɔ?'\nNukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe dedienɔnɔ ŋu. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be dedienɔnɔ enye \"vovo tso afɔku me\" alo \"vovo tso vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi me.\" Ame akpa gãtɔ dze sii be \"vovo tso afɔku me\" keŋkeŋ meli egbea o. Togbɔ be nɔnɔme tsodzikaƒonamewo aƒo xlã wo hã la, ne wose le wo ɖokui me be yewole dedie ko la, edzea wo ŋu.\nKe wò ya ɖe? Afikae nètrɔna ɖo hena dedienɔnɔ? Dugã mee woakpɔe le eye menye le kɔƒe me o, abe alesi Josué susui enea? Alo gae nanɛ, eɖanye afikae woake ɖe eŋu le alo alesi woawɔ akpɔe oa? Ðewohĩ ameŋkuta zuzu mee woakpɔe lea? Afika kee nèsusu be yeakpɔ dedienɔnɔ le o, ɣeyiɣi didi kae dedienɔnɔ ma anɔ anyi na mia kple wò ƒomea siaa?\nMina míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo dzi ame geɖewo dia dedienɔnɔ tonɛ—siwo nye ʋuʋu ayi teƒe bubu; ga; ŋkɔ, alo ɖoƒe—la ŋu. Emegbe míalé ŋku ɖe afisi míakpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa le ŋu.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020415\/Afikae-N%C3%A0kp%C9%94-Dedien%C9%94n%C9%94-Le\/","date":"2020-11-28T11:04:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195417.37\/warc\/CC-MAIN-20201128095617-20201128125617-00119.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988057613,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988057613372803}","num_words":529,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ehiã be Míanya Amesi Mawu Nye\nÐE DZI medzɔa wò ŋutɔ ne èkpɔ ɣletiviwo do kpaŋkpaŋ ɖe dziŋgɔli, si ŋkume alilikpowo mexe o, me le zã me oa? Ðe seƒoƒo dzeaniwo ƒe ʋeʋẽ lilili menya sena oa? Ðe xeviwo ƒe hadzidziwo kple alesi aŋgbawo ɖinae ne ya le ƒoƒom to eme blewuu la sese mevivia nuwò oa? Eye aleke boso sẽŋu kple nuwɔwɔ bubu siwo le atsiaƒu me nya kpɔnae nye si! Emegbe amegbetɔwo kpakple woƒe dzitsinya kple ahɔhɔ̃ siwo wɔ nuku ale gbegbe la hã li. Aleke nèɖea alesi nu wɔnuku siwo katã ƒo xlã mí la wɔ va dzɔ mee?\nAme aɖewo xɔe se be ɖe nusiawo katã dzɔ le wo ɖokuisi wɔla aɖeke manɔmee. Gake ne aleae nyaa le la, nukatae amegbetɔwo xɔe se be Mawu li? Nukatae wòle be nuwɔwɔ siwo dia gbɔgbɔmenuwo nado tso nu vovovowo ƒe tsakatsaka le wo ɖokuisi me?\n\"Mawusubɔsubɔ ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe amegbetɔ me eye wòkpɔa esia le ameƒomevi ɖesiaɖe ŋu metsɔ le woƒe agbalẽnyanya me o.\" Nyagbɔgblɔ sia to numekuku si Nufialagã Alister Hardy wɔ heŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Spiritual Nature of Man me ɖe eme kpokploe. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa le ahɔhɔ̃a ŋu na ahɔhɔ̃ŋutinunyala aɖewo ƒo nya ta be anye be ɖe \"woƒã\" mawusubɔsubɔ ƒe didi ƒe ŋutete ɖe amegbetɔ ƒe domenyiŋusẽfianu me. Agbalẽ si ƒe tanyae nye Is God the Only Reality? gblɔ be: \"Alesi wole gɔmesese dimee to mawusubɔsubɔ dzi la . . . nye nusi bɔ ɖe dekɔnu ɖesiaɖe kple ɣeyiɣi ɖesiaɖe me tso amegbetɔƒomea dzɔɣi ke.\"\nBu alesi ŋutsu agbalẽnyala aɖe ƒo nya tae ƒe 2,000 aɖewo enye esi va yi ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: \"Aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu.\" (Hebritɔwo 3:4) Le nyateƒe me la, Biblia ƒe kpukpui gbãtɔ gblɔ be: \"Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.\"—Mose I, 1:1.\nGake amekae nye Mawu? Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo vovovowoe le ameƒomea si. Esi wobia Japantɔ ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Yoshi be amekae nye Mawu hã la, eɖo eŋu be: \"Nyemeka ɖe edzi o. Buddhatɔ menye, eye amesi Mawu nye la nyanya mele vevie nam o.\" Gake Yoshi lɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe bua Buddha ŋutɔ be enye mawu. Nick, si nye asitsala si le eƒe ƒe 60-awo me, xɔ Mawu dzi se eye wòbua eyama abe ŋusẽ triakɔ aɖe ene. Esi wobia Nick be wòaɖe nusi wònya tso Mawu ŋu me la, eyi ŋugble me ɣeyiɣi didi aɖe hafi va gblɔ be: \"Xɔ̃nye, ema nye biabia sẽŋu aɖe. Nya si ko mate ŋu agblɔe nye be Mawu li. Eli ŋutɔŋutɔ.\"\nAme aɖewo 'subɔa nusiwo Mawu wɔ wu Wɔla la.' (Romatɔwo 1:25) Ame miliɔn geɖe subɔa tɔgbui kukuwo hebunɛ be Mawu le adzɔge ʋĩ akpa be woate ŋu ate ɖe eŋu. Le Hindu subɔsubɔ me la, mawuwo kple mawunɔ geɖewo li. Wosubɔ mawuwo, abe Zeus kple Hermes ene, le Yesu Kristo ƒe apostoloawo ŋɔli. (Dɔwɔwɔwo 14:11, 12) Kristodukɔa me sɔlemeha geɖe fiaa nu be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃, siwo me Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le.\nLe nyateƒe me la, Biblia gblɔ be, \"mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li.\" Ke hã egblɔ kpee be: \"Gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso la, li na mi.\" (Korintotɔwo I, 8:5, 6) Ẽ, Mawu vavã ɖeka koe li. Gake amekae wònye? Aleke wòle? Ele vevie na mí be míanya nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo. Yesu ŋutɔ gblɔ le gbedodoɖa me na Ame sia be: \"Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3) Susu le eme be míaxɔe ase be míaƒe dedienɔnɔ mavɔ nɔ te ɖe Mawu ŋuti nyateƒea nyanya dzi.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nAleke wowɔ va dzɔ?\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nWhale: Courtesy of Tourism Queensland\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nCOVER: Index Stock Photography © 2002","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020515\/Ehi%C3%A3-be-M%C3%ADanya-Amesi-Mawu-Nye\/","date":"2020-12-04T17:25:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141740670.93\/warc\/CC-MAIN-20201204162500-20201204192500-00235.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991542101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991542100906372}","num_words":643,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMenye Europatɔwoe ŋlɔ Biblia o. Ŋutsu siwo katã Mawu zã woŋlɔ Biblia la tso Asia. Biblia mebua dukɔ aɖeke me tɔwo be wonyo wu bubuawo o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: \"Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.\"—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/biblia-menye-yevuwo-%C6%92e-agbal%E1%BA%BD-o\/","date":"2020-11-27T03:36:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00392.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992901683,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992901682853699}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alɔ̃tsiameŋu—Kuxi si Le Ta Kekem Wònyea?\n\"FE\" GBOGBO aɖe le ame miliɔn geɖe ŋu egbea. Fe sia ate ŋu ana woagbã woƒe ʋuwo, woƒe dɔwo nagblẽ, eye woƒe srɔ̃ɖeɖe gɔ̃ hã me nagblẽ. Ate ŋu agblẽ nu le woƒe lãmesẽ kple agbenɔƒe ŋu vevie. Enye fe aɖe si nana nu tena ɖe dɔlélenutsiŋusẽ dzi eye wòwɔnɛ be dɔ vovovowo te ŋu léa ame bɔbɔe. Woyɔ dɔlélewo abe suklidɔ, dzidɔ, kple lolo akpa ene, kpakple lãmesẽkuxi bubuwo tɔ ɖe eŋu. Ke hã, amesiwo ŋu wòle nu gblẽm le la dometɔ akpa gãtɔ mele ŋudzɔ ɖe eŋu o.\nFe si wònye la enye alɔ̃tsiameŋu, si ɖea fu na ame ne medɔa alɔ̃ ɣeyiɣi ƒe agbɔsɔsɔme si hiã bena wòanɔ lãmesẽ me o. Esia ate ŋu atso ŋutsitsidɔ si ame ƒe gbesiagbegbenɔnɔ nana wòva tsia ame si loo alo zãdomadɔlɔ̃e le dɔléle ta gbɔ.\nDɔdada ŋuti numekulawo bu akɔnta be, le mama dedie nu la, alɔ̃ si anyigbadzinɔlawo dɔna zã sia zã dzi ɖe kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka wu alesi dze. Togbɔ be esia adze nu sue aɖee hã la, gaƒoƒo biliɔn ade ƒe alɔ̃ si tsia mía ŋu zã sia zã la va zu nusi ŋu woawɔ numekuku geɖe le dɔléle hamehame siwo alɔ̃madɔmadɔ hena vɛ kple ŋusẽ si wokpɔna ɖe agbe ƒe nyonyome dzi ŋu le.\nƔeaɖeɣi va yi la, dɔdalawo bua zãdomadɔlɔ̃e tsitsi si tsia ame si be enye dɔléle ɖeka ko, si wolɔ̃a yɔyɔ be alɔ̃madɔmadɔdɔ. Gake numekuhabɔbɔ aɖe, si United States ƒe Sewɔtakpekpea ɖo ke ɖe alɔ̃madɔmadɔ kuxi vovovo 17 ŋu. Aleke ke nya la le o, nusiwo hea alɔ̃madɔmadɔ dɔléle vɛ la sɔ gbɔ ale gbegbe be wobunɛ zi geɖe be enye kuxi bubuwo ƒe dzesi, abe alesi ko wobua dzoxɔxɔ be enye dɔxɔxɔ aɖe ƒe dzesii ene.\nŊutsitsidɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ate ŋu ado afɔku ame. Bu Tom ŋu kpɔ. Togbɔ be enye agbatsɔʋukula bibi aɖe hã la, eku eƒe ʋu legbee la yi ɖalia kpe si woɖo ɖe mɔdodoa to eye atike si woyɔna be sulfuric acid lita 400 ƒu gbe ɖe ʋumɔgãa dzi. Tom lɔ̃ ɖe edzi be: \"Medɔ alɔ̃.\" Numekuku si wowɔ le United States ƒe ʋumɔgã eve dzi ɖee fia be ʋukula siwo alɔ̃ le tsɔtsɔm lae hea afɔku dziŋɔ siwo dzɔna la dometɔ 50 le alafa me lɔƒo vɛ.\nBu afɔku si hã anɔ dɔwɔwɔ kple hatidɔwɔla si alɔ̃ tsɔna me ŋu kpɔ. Numekula Australiatɔ Ann Williamson gblɔ be: \"Le gaƒoƒo 17 va ɖo 19 ƒe alɔ̃madɔmadɔ megbe la, [amesiwo wodo kpɔ] le numekuku aɖewo me me tsonuwo gblẽ wu alo sɔ kple amesi ƒe [ʋu me wokpɔ aha] alafa memama 0.05 le tɔ.\" Ne míagblɔe bubui la, amesiwo wodo kpɔ le numekukua me la ƒe nuwɔna nɔ abe ɖee wono aha wòsɔ kple alo sɔ gbɔ wu esi ŋu se ɖe mɔ ɖo le dukɔ aɖewo me be woakpɔ le ʋukulawo ƒe ʋu me ene! Le ʋu kple dɔwɔwɔ me fɔku akpe alafa gbogbo si alɔ̃madɔmadɔ hena vɛ ƒe sia ƒe ta la, nusiwo gblẽna le dɔwɔnyawo me kple na ƒomea lolo ŋutɔ. *\nNukawoe te ŋu nana alɔ̃ tsina ame ŋu? Ðekae nye amewo ƒe dɔwɔwɔ zã kple keli le kwasiɖa bliboa me. USA Today ɖɔ nuwɔna sia be enye \"dekɔnuwo ƒe tɔtrɔ si le alesi míenɔa agbee trɔm,\" eye wòde dzesii be \"ƒlekaƒletɔwo kple subɔvi siwo wɔa dɔ zã kple keli le viɖe kpɔm tso alɔ̃ ŋeŋeɖeme hena gaƒoƒo gbogbo zazã atsɔ awɔ dɔe me.\" Le dukɔ geɖe me la, amewo nɔa television kpɔm henɔa Internet dzi tsam zã bliboa le esi wòle be woanɔ alɔ̃me teƒe. Emegbe seselelãme tramawo, siwo dometɔ aɖewo nyea dzimaɖitsitsi siwo nuteɖeamedzi kple hloloetsotso dzina ɖe edzi zi geɖe, hã nana alɔ̃ tsia ame ŋu vivivi. Mlɔeba la, lãmegbegblẽ hamehamewo li siwo ate ŋu ana alɔ̃ natsi ame ŋu.\nÐɔkta geɖe nya alesi wòsesẽnae be woana amesiwo wodaa dɔ na nanya alesi gbegbe alɔ̃tsiameŋu nye ŋkubiãnyae. Ðɔkta aɖe fa konyi be ame aɖewo bua ɖeɖiteameŋu atraɖii gɔ̃ hã be enye \"ameŋkutanyenye ƒe dzesi.\" Eye esi wònye be ɖe woƒe lãme nɔa gbegblẽm ʋɛʋɛʋɛ zi geɖe ta la, amesiwo tsia ŋu dɔna la manyae be alɔ̃dɔkuxi gã aɖeke le yewo ŋu o. Ame geɖe buna be, 'Mele tsitsim tae' alo, 'Agbe tim, eyatae megbɔdzɔna ɖo' alo, 'Ðeɖi tea ŋunye ɣesiaɣi elabena nyemete ŋu ɖina ɖe eme alesi dze o.'\nAlɔ̃tsiameŋu ƒe kuxi sia ɖɔɖɔɖo nye dɔ nyadri aɖe. Gake alesi alɔ̃dɔdɔ si hiã bena woanɔ lãmesẽ me gɔmesese kple dzesi siwo fiana be alɔ̃ tsi ame ŋu nyanya ate ŋu aʋã ame be wòawɔ tɔtrɔ. Alɔ̃madɔmadɔ kuxi sesẽwo ƒe dzesiwo kpɔkpɔ adze sii ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Nɔnɔmetata si le axa 22]\nŊutsitsidɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ate ŋu ahe afɔku gãwo vɛ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040208\/Al%C9%94%CC%83tsiame%C5%8Bu-Kuxi-si-Le-Ta-Kekem-W%C3%B2nyea\/","date":"2020-11-28T04:05:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141194982.45\/warc\/CC-MAIN-20201128011115-20201128041115-00035.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993559718,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993559718132019}","num_words":772,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliasɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu siawo kple nu vovovo siwo le akpa sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia ɖe ɖoɖo nu le mɔ si ado dzidzɔ na wò ahatu wò ɖo nu.\nNa Mía Dometɔ Ðeka Nava Srɔ̃ Nu Kpli Wò\nBiblia na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo le ŋuɖoɖowo kpɔm na agbemebiabia veviwo. Àdi be yeanɔ wo domea?\nWonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wosrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Kpɔ ale si wowɔnɛ ɖa.\nNa Yehowa Ðasefowo nava dzro Biblia me nyati aɖe me kpli wò, alo be nàte míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa kpɔ.\nNa Míaƒe Biblia Sɔsrɔ̃ Kple Amewo Femaxee Ƒe Mɔnuwo Naɖe Vi Na Wò\nVideo Me Nusɔsrɔ̃wo\nNusrɔ̃gbalẽviwo\nNusrɔ̃gbalẽwo\nVa Srɔ̃ Nu Le Míaƒe Kpekpewo Me\nXlẽ nu tso afi siwo míekpena le kple ale si míesubɔnae la ŋu.\nWò ŋutɔ va kpɔ nu siwo yia edzi le wo me ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/","date":"2021-01-27T14:10:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610704824728.92\/warc\/CC-MAIN-20210127121330-20210127151330-00552.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994745851,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994745850563049}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nÐe Woɖo Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?\nAme aɖewo gblɔna be dzɔgbese ɖo míaƒe kugbe ɖi. Ame bubuwo hã tea tɔ ɖe edzi be Mawu ŋutɔe ɖoa ɣeyiɣi si ame sia ame aku la ɖi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame siawo bua agbemenudzɔdzɔ veviwo be wonye nu siwo nu míate ŋu asi le o. Nenemae wò hã nèbua nuwo ŋua?\nÐewohĩ abia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò be: 'Ne nyateƒee wònye be míate ŋu awɔ naneke tso nu siwo ava dzɔ ɖe mía dzi la ŋu o, eye ne Mawu alo dzɔgbesee ɖo nu si ava dzɔ ɖe mía dzi la ɖi xoxo la, nu ka tae wòagahiã be míado gbe ɖa? Eye ne woɖo míaƒe etsɔme ɖi xoxo la, ke nu ka tae míaɖe afɔwo be míatsɔ akpɔ mía ɖokui ta? Nu ka tae míade ʋumezikpuiŋuka ne míele ʋu me le mɔ zɔm? Azɔ hã, nu ka tae wòle be míatsri ahanono atsɔ aku ʋui?'\nBiblia meda asi ɖe ameɖokuitamakpɔmakpɔ ƒe nuwɔna ma dzi o. Biblia megblɔ be dzɔgbese aɖe ɖo nu sia nu si adzɔ ɖi do ŋgɔ o, ke boŋ ɖe wòde se na Israel viwo be woaɖe afɔ siwo hiã atsɔ akpɔ woƒe dedienɔnɔ ta boŋ. Le kpɔɖeŋu me, wode se na wo be woatɔ kpɔ sue aɖe aƒo xlã woƒe xɔwo ta. Taɖodzinuae nye be wòakpɔ amewo ta be woagage le xɔa ta o. Gake nu ka tae Mawu ade se ma ne nye ɖe woɖoe ɖi na ame aɖe xoxo be wòage le xɔ ta aku?—5 Mose 22:8.\nKe ame siwo kuna le dzɔdzɔmefɔkuwo alo nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me ya ɖe? Ðe woɖo \"gbe si gbe woaku\" la ɖi do ŋgɔa? Kura o. Fia Salomo si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe la ka ɖe edzi na mí be \"azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.\" (Nyagblɔla 9:11) Eya ta eɖanye aleke kee nudzɔdzɔ aɖe ɖawɔ nuku alo ɖadzi ŋɔe o, menye ɖe woɖoe ɖi do ŋgɔ o.\nKe hã, ame aɖewo sena le wo ɖokui me be nya mawo tsi tsitre ɖe nya si Salomo gblɔ do ŋgɔ la ŋu, si nye be: 'Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li.' (Nyagblɔla 3:1, 2) Gake ɖee Salomo nɔ dzɔgbese ƒe dzixɔsea dom ɖe ŋgɔ nyateƒea? Mina míadzro nya mawo me tsitotsito.\nMenye ɖe Salomo nɔ gbɔgblɔm be woɖo amedziɣi kple kuɣi ɖi o. Ke boŋ eƒe nyawo fia be amewo dzidzi kple amewo ƒe kuku nye nu siwo dzɔna ɖaa, abe agbemenudzɔdzɔ bubu geɖewo ke ene. Le nyateƒe me la, míado go nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo le agbe me. Salomo gblɔ be: \"Avifaɣi li, eye nukoɣi li.\" Eɖee fia be nudzɔdzɔ madeamedzi mawo siwo va ɖina ɖe mí la hã le \"nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe [si yia edzi ɖaa] le dziƒoa te\" la dome. (Nyagblɔla 3:1-8, NW; 9:11, 12) Eya ta eƒe nyataƒoƒoe nye be míagaƒo mía ɖokui ɖe agbemenuwɔnawo me vĩi ale gbegbe be míaŋlɔ mía Wɔla la be o.—Nyagblɔla 12:1, 13.\nTogbɔ be naneke mele ɣaɣla ɖe mía Wɔla la le agbe kple ku ŋu o hã la, meɖo dzɔgbese aɖeke ɖi si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o. Biblia fiaa nu be Mawu ʋu agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi na mí katã. Ke hã, Mawu mezia mía dzi be míana mɔkpɔkpɔ sia nasu mía si o. Ðe eƒe Nya la gblɔ boŋ be: \"Ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.\"—Nyaɖeɖefia 22:17.\nNyateƒee, ele be mía ŋutɔwo míadi be 'míaxɔ agbetsi' la ano. Eya ta dzɔgbese meɖo míaƒe etsɔme ɖi o. Mía ŋutɔ míaƒe nyametsotsowo, nɔnɔmewo, kple nuwɔnawoe kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090401\/%C3%90e-Wo%C9%96o-M%C3%ADa%C6%92e-Ets%C9%94me-%C3%90i-Do-%C5%8Ag%C9%94a\/","date":"2021-01-21T03:08:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703522150.18\/warc\/CC-MAIN-20210121004224-20210121034224-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979298711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979298710823059}","num_words":610,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, ɖe wòva susu me na wò kpɔ be poliswo nakɔ wò ɖe woƒe ʋu me nànɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe mea? Nu siae dzɔ ɖe Joseph dzi le Micronesia le ƒe 2017 me. Eya kple Ðasefo etɔ̃ bubuwo nɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe wɔm le ƒukpo tsoabo aɖewo dzi.\nLe ŋdɔ ga 12 me lɔƒo la, Ðasefo eneawo va ɖo ƒukpo sue aɖe si me nɔlawo ƒe xexlẽme anɔ abe 600 ene la dzi. Esi Ðasefoawo va ɖo la, dudzikpɔlaa do wòezɔ na wo le ƒua ta. Joseph gblɔ nu si dzɔ emegbe la ale: \"Dudzikpɔlaa gblɔ be yeate ŋu ana polisʋu aɖe nakɔ mí ayi aƒeawo katã me. Esia wɔ nuku na mí ŋutɔ, gake míeɖe eme nɛ bubutɔe be nenɔ anyi ko. Ðeko míedi be míayi ameawo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me abe ale si ko míewɔnɛ ɣesiaɣi ene.\"\nEya ta gbeƒãɖelawo to afɔ be yewoayi ameawo gbɔ heɖoe kplikpaa be yewoaƒo nu na ame geɖe ale si nu yewoate ŋui. Ðasefoawo gblɔ be: \"Ameawo xɔ mí nyuie eye wotsɔ ɖe le míaƒe gbedeasia me ŋutɔ. Esia wɔe be míenɔ aƒeawo me wòdidi wu ale si míekpɔ mɔe.\"\nEmegbe le ŋkekea me la, polisʋu aɖe va to Joseph ŋu zi eve, eye esi wògava yina zi etɔ̃lia la, etɔ ɖe eŋu. Polis siwo nɔ ʋua me la bia Joseph nenye be yewoate ŋu akui ayi aƒe siwo me mekpɔ de haɖe o la me. Joseph gblɔ nu si va dzɔ la ale: \"Meɖo eŋu be ao. Gake fifia ya la, wogbe gbidii hegblɔ be, 'Ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na wò, eya ta míaku wò ayi aƒe siwo susɔ la me.' Nyemete ŋu gagbe ake o, elabena aƒe geɖe susɔ siwo me nyemekpɔ yi haɖe o. Ne míele aƒe aɖe gbɔ ɖom la, polis-awo yɔa aƒea me tɔwo ƒe ƒomeŋkɔ nam eye wogblɔ be ne meƒo ʋɔa eye womedo o la, yewoaku kpẽ na wo ale be woado.\n\"Le woƒe kpekpeɖeŋu sia ta la, míete ŋu de aƒeawo katã me gbe ma gbe. Míema agbalẽ gbogbo aɖewo eye míewɔ ɖoɖo be míagatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le gbedeasia me la gbɔ.\"\nPolis-awo gblɔ na Joseph be 'edzɔ dzi na yewo ŋutɔ be yewo hã yewote ŋu kaka nya nyuia.' Le ɣeɖoto esime Ðasefoawo nɔ dzodzom la, polis-awo nɔ alɔgbɔnu kom na wo esime wol�� míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽawo ɖe asi henɔ asi ʋuʋum tsɔ nɔ hedenyuie dom na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nyate%C6%92ea-fiafia-amewo\/poliswo-n%C9%94-joseph-%C5%8Bu\/","date":"2021-03-05T04:56:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178369721.76\/warc\/CC-MAIN-20210305030131-20210305060131-00533.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986479878,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986479878425598}","num_words":406,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbe ɖeka esi Eliso, si nye Yehowa Ðasefo, nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe le eƒe me la, amedzro eve aɖewo siwo nyɔnua menɔ mɔ kpɔm na o la va egbɔ. Subɔsubɔhakplɔla aɖe kple srɔ̃a ye nye amedzroawo. Le woƒe vava me la, Eliso va nyae be kwasiɖa eve ye nye ema atsu kple asi sia ƒe viŋutsu ɖeka kolia dze dɔ heku.\nEsi Eliso do baba na wo hegblɔ na wo be eve ye be wo via ku la, subɔsubɔhakplɔla kple srɔ̃a fa avi vevie. Eye subɔsubɔhakplɔlaa gblɔ dzikutɔe be: \"Nyemese nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu la gɔme o! Nu ka tae wòaxɔ vinyeŋutsu ɖeka pɛ la le asinye? Mele Mawu subɔm ƒe 28 sɔŋue nye esia, mewɔa nu nyui geɖewo, eye aleae wòɖo eteƒe nam! Nu ka tae Mawu wu vinyea?\"\nEliso ɖe eme na atsu kple asia be menye Mawue wu wo viŋutsua o. Edzro nu me kple wo tso tafea, tsitretsitsia kple nu si tae Mawu ɖea mɔ nu vɔ̃ɖiwo dzɔna la ŋu. Subɔsubɔhakplɔlaa kple srɔ̃a siaa gblɔ na Eliso be ɖeko wòna yewokpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ŋu yewodoa gbe ɖa tsoe.\nLe kwasiɖa si kplɔe ɖo me, esi Eliso gava Biblia srɔ̃ ge kple nyɔnua la, subɔsubɔhakplɔla la kple srɔ̃a hã va kpɔ gome le eme. Eliso nɔ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 7 lia si nye \"Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Na Wò Ame Vevi Siwo Ku,\" la me dzrom kple nyɔnua. Atsu kple asia hã kpɔ gome le numedzodzroa me.\nEmegbe la, wo ame evea wode takpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Tbilisi le Georgia eye lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ɖedzesi si teƒe wokpɔ la wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Nɔnɔme siawoe wonɔ agbagba dzem be yewoaƒã ɖe woƒe sɔlemeha me tɔwo me, gake ɖeko wòglo wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nyate%C6%92ea-fiafia-amewo\/sub%C9%94sub%C9%94hakpl%C9%94la-la-kp%C9%94-%C5%8Bu%C9%96o%C9%96owo\/","date":"2021-03-04T13:50:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178369054.89\/warc\/CC-MAIN-20210304113205-20210304143205-00205.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989450574,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989450573921204}","num_words":304,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 72\nStanza 1\nAtilɔ dza ɖeka do\nTso ke fẽ aɖe me;\nAtilɔvi nyui sia do\nTso Yese ƒe ke me.\nEƒo se nyui aɖe\nLe vuvɔŋɔlizã me,\nLe zã titina ke.\nStanza 2\nSeƒoƒo si mewɔnɛ,\nSi Yesaya gblɔ ɖi,\nEya Maria dzadzɛ\nTsɔ vɛ na mí azɔ.\nLe Mawu ƒ'a-ɖaŋu,\nSi li tso blema la, nu\nWòdzi ɖevi na mí.\nStanza 3\nAti ƒose sue, dzeani,\nSi le ʋeʋẽm nyuie la,\nEya ƒe keklẽ kɔkɔe\nEnya viviti ɖa.\nWò, ame kple Mawu,\nXɔ na mí tso fuwo me,\nTso nu vɔ̃ kple ku me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-72\/","date":"2021-04-21T05:13:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00358.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995311141,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953111410140991}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 175\nStanza 1\nO na xɔxɔ ƒe dzo la nabi,\nWò si yɔ fu kple lɔlɔ̃ la,\nBe xexea me nadze sii kaba,\nBe wòe nye Mawukpakpa fia!\nDzo la le bibim xoxo ɖe dzi\nLe ɣedzeƒe kple todoƒe\nNa alẽvi, si ku ɖe miata,\nWoatso aseye ɖe ŋuwò.\nStanza 2\nNàgblɔ agbe xexeame lali,\nKple emenɔlawo katã\nEye nàfia dukɔ ɖe sia ɖe,\nBena woe nye woƒe xɔla!\nEkem ameha manyaxlẽwo\nWoadze dzidzɔha viyiwo,\nEye anyigbadzinɔlawo\nAdze klo asubɔ wò ɖaa\nStanza 3\nNyɔ wò hame blibo la kple dzo\nKple ame ɖekaɖekawo,\nEye na ɖe sia ɖe nadze sii,\nBena xɔxɔ la tu aƒe!\nBla nu siwo kaka la sesiẽ,\nKeke wò fiaɖuƒe ɖe nu;\nNa wò kekeli naklẽ na mi\nÐe míaƒe mɔwo katã dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-175\/","date":"2021-04-21T04:13:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00628.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995629191,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995629191398621}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 96\nStanza 1\nKpɔ ɖa! Le Getsemane me\nAƒetɔ la ƒe luʋɔ ke\nLe kudɔ ƒom le me;\nEle gbe dom ɖa kpl'a-ɖatsi\nKplu la ve ŋ'tɔ, gake enoe.\nStanza 2\nKpɔ ɖa! Nye nu vɔ̃wo ƒ'a-gba\nTe kɔkɔetɔ la ɖe anyi\nYi keke tsiẽƒe ke;\nKe egblɔ kple ɖokuibɔbɔ:\nFofo, wò lɔlɔ̃nu mawɔ!\nStanza 3\nKpɔ 'dzi! Ne fuwo te wò ɖi,\nWɔ bena wò dzi dahe la\nLe aɖatsiwo fam,\nSrɔ̃ dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu\nLe veve dziŋɔtɔ hã me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-96\/","date":"2021-04-21T05:16:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00484.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982569218,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982569217681885}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 164\nStanza 1\nWò ɖeɖedɔ wɔm néle,\nMaɖ'a-si le ŋu o.\nŊusẽ blibo l'a-siwo\nKple lɔlɔ̃ madzudzɔ.\nAlɔ̃ metsɔ wo kpɔ o\nLe zã kple keli me,\nSe ɖe nakplɔ wò hame\nI : Yi fafɛƒe mavɔ :I\nStanza 2\nYesu kristo, mía ɖela,\nVe xexe sia me nu!\nNa woaɖi wo ɖɔ gã la\nÐe dukɔwo me!\nWòe nya fu, si wokpena\nLe dɔwɔwɔ me ɖaa,\nNe wole ƒu goglo me\nI: Aloo kɔkɔƒe hã :I\nStanza 3\nAme la lɔ̃ dɔ nyui, si\nÐea ame nukutɔe,\nSi magadze akpɔ o,\nBe ɖeke mabuo?\nMawu le dziƒo la lɔ̃e\nKple amenuveve;\nLɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ le me,\nI:Ekpe xexeame ɖo. :I\nStanza 4\nÐeviwo kple tsitsiwo\nÐem nèle 'fi sia 'fi,\nBe wo katã woakafu\nWò lɔlɔ̃ kple dzidzɔ.\nHa gãa 'ɖe ava ƒoƒu\nÐe gbɔwo le dziƒo,\nAme siwo ŋu woklɔ\nI:Kple wò ʋu kɔkɔe la :I","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-164\/","date":"2021-04-21T05:18:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00276.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9937310219,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9937310218811035}","num_words":145,"character_repetition_ratio":0.009,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.277,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃. Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu woƒe ƒomea le dzidzɔ kpɔm la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo:\nƑo asa na nya tɔamewo gbɔgblɔ. Ƒo nu tufafatɔe, nenye be srɔ̃wòa gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò hã. (Efesotɔwo 4:31, 32) Biblia gblɔ le Lododowo 15:1 gblɔ be: \"Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.\"\nMiwɔ nuteƒe na mia nɔewo. Ðoe be ye srɔ̃ ɖeka ƒe nu koe alé dzi na ye eye eya ɖeka ko ƒe nue adzro ye. (Mateo 5:28) Biblia gblɔ be: \"Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.\"—Hebritɔwo 13:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C6%92ome-kp%C9%94dzidz%C9%94\/","date":"2021-04-16T18:47:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038088245.37\/warc\/CC-MAIN-20210416161217-20210416191217-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991523027,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991523027420044}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 15, 2006 Mieɖoa Dze Nyuiea? Nu Vevi Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖo Dze Kple Srɔ̃wò Mɔxenuwo Ðeɖe Ða le Panama Alekee Nàwɔ Nyametsotsowo Wòasɔ Kple Mawu ƒe Didi? Melito si Tso Sardes Biblia me Nyateƒea Taʋlila Yea? \"Meli Kpli Mi\" Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me Èɖo Ŋku Wo Dzia? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060415\/","date":"2021-05-11T05:40:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991641.5\/warc\/CC-MAIN-20210511025739-20210511055739-00371.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944878817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944878816604614}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 15, 2001 Ðe Agbe Gale Ku Megbea? Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa? Nufiame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Tsɔtsɔ Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋui Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo! Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi! Ðe Nèɖea Mɔ Ðe Nu Ŋu Nyateƒea? 'Ame Dzɔdzɔe Kpɔa Yayra' Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ƒe Sia Ƒe Takpekpe October 6, 2001 Origen—Aleke Eƒe Nufiafia Kpɔ Ŋusẽ Ðe Sɔlemeha la Dzii?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010715\/","date":"2021-05-07T06:54:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.25\/warc\/CC-MAIN-20210507060253-20210507090253-00629.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974859357,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974859356880188}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.145,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI tɔdziʋua le gegem ɖe Belfast Lough, si nye ƒukɔme aɖe la, mɔzɔla siwo le tɔdziʋua me la dometɔ ʋɛ aɖewo do va ƒo ƒu ɖe eƒe gbadzaƒea eye wokpɔe be agudzedze ƒe keklẽ na togbɛ damawo dze nyuie ŋdi kanya ma. May 1910 mee. Le mɔzɔlaawo dometɔ ɖeka, si nye Charles T. Russell gome la, zi atɔ̃liae nye ema wòva Ireland. Nɔviŋutsu Russell kpɔ meli gã nyadri eve aɖewo siwo wɔm wonɔ ɣemaɣi: ɖekae nye Titanic, si va nyrɔ nublanuitɔe la, eye evelia si ɖii lae nye Olympic. * Biblia Nusrɔ̃vi wuieve aɖewo nɔ tsitre ɖe ʋudzeƒea, le meliwɔƒea megbe ɖaa nɔ elalam.\nƑe 20 aɖewo do ŋgɔ esi Nɔviŋutsu Russell nɔ mɔ nyuitɔ si dzi wòato akaka nya nyuia le xexea me godoo dim la, eɖoe be yeazɔ mɔ tso Amerika ayi xexea ƒe teƒe vovovowo. Le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa, si gɔme wòdze le July 1891 me la, Ireland wòyi gbã. Esi wònɔ tɔdziʋu si nye City of Chicago me la, ekpɔ ale si ɣea gbã amigo ɖe Queenstown ƒe anyigba ƒuƒuia dzi le adzɔge ɖaa, eye ɖewohĩ esia na wòɖo ŋku nya siwo edzilawo gblɔ nɛ tso afi sia si nye wo denyigba ŋu la dzi. Esi Nɔviŋutsu Russell kple eƒe mɔzɔhati siwo nɔ tɔdziʋu ma me la zɔ to du siwo me nɔ dzadzɛ la me eye wokpɔ kɔƒenuto siwo nya kpɔ la, wode dzesii be teƒea nye agble si \"ƒu henɔ lalam na ŋeŋe.\"\nLe wo katã me la, Nɔviŋutsu Russell zɔ mɔ yi Ireland zi adre. Anɔ eme godoo be didi si wòƒã ɖe ɖetsɔlemetɔwo me le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me lae wɔe be le eƒe mɔzɔzɔ siwo kplɔe ɖo me la, ame alafawo, eye ɣeaɖewoɣi ame akpewo va sea eƒe nuƒoa. Kaka wòagadze eƒe mɔzɔzɔ evelia gɔme le May 1903 me la, wodo boblo dutoƒokpekpe siwo wòawɔ le Belfast kple Dublin la le du mawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Nɔviŋutsu Russell gblɔ be \"nyaselawo ɖo to nyuie\" le afi sia afi esime yenɔ nyati si nye \"Ŋugbedodo Si Dzi Woka Atam Ðo,\" si ku ɖe Abraham ƒe xɔse kple yayra siwo amegbetɔƒomea akpɔ le etsɔme ŋu la me dzrom.\nEsi amewo tsɔ ɖe le nya nyuia me le Ireland vevie ta la, Nɔviŋutsu Russell gayi Ireland ake le eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia si me wòyi Europa le la me. Nɔviŋutsu atɔ̃ va kpee le Belfast ƒe tɔdziʋudzeƒea ŋdi aɖe le April 1908 me. Wodo boblo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, \"Womu Satana Ƒe Fiaɖuƒea Ƒu Anyi\" la hafi wòva, eye esia wɔe be \"ɖetsɔlemetɔ 300 aɖewo va se nuƒoa\" gbe ma gbe fiẽ. Ezã Ŋɔŋlɔawo aɖaŋutɔe tsɔ ɖo nya ŋu na tsitretsiɖeŋula aɖe si nɔ wo dome. Le Dublin la, tsitretsiɖeŋula bubu aɖe, si nye ɖekakpui sɔlemedelawo ƒe habɔbɔ (YMCA) ƒe agbalẽŋlɔla, Aƒetɔ O'Connor, ɖoe kplikpaa be yeana nyasela siwo wu 1,000 la natsi tsitre ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ŋu. Nu kae va dzɔ?\nNa míatrɔ ayi megbemegbe aɖo ŋku nu siwo anya dzɔ gbe ma gbe la dzi. Ŋutsu aɖe si di vevie be yeake ɖe Biblia me nyateƒea ŋu la ɖoe be yeayi aɖase dutoƒonuƒo si wodo bobloe le The Irish Times nyadzɔdzɔgbalẽa me. Bebli hafi wòte ŋu kpɔ nɔƒe le ƒuƒoƒe si me yɔ fũu kple vavalawo la me. Ŋutsua lé to ɖe nuƒola ta ƒowɔ, si ɖo ge wuyaa eye wòdo kot yibɔɔ legbee aɖe la ƒe nyawo ŋu nyuie. Esi nuƒolaa nɔ nuƒoa ƒom la, enɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le kplɔ̃a ta henɔ asi wɔm ɖe eƒe nyawo dzi, eye wònɔ ŋɔŋlɔawo me ɖem ɖe wo nɔewo yome le ɖoɖo nu ale gbegbe be ŋutsua va nɔ Biblia me nyateƒeawo gɔme sem nyuie. Togbɔ be nuƒolaa mezã nuƒomɔ̃ o hã la, eƒe gbe de afi sia afi le ƒuƒoƒea, ale be nyaselawo ƒe to nɔ eƒe nuƒo si xɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã la ŋu. Azɔ, esi wòɖo nyabiabia-kple-ŋuɖoɖo dzi la, Aƒetɔ O'Connor kple exɔlɔ̃wo bia nya sesẽwo nuƒolaa, gake ete ŋu ʋli Biblia me gbedeasia ta kple aɖaŋudzedze geɖe. Esia dze nyaselawo ŋu eye woƒo asikpe ɖe edzi. Esi ɖoɖoe zi mlɔeba la, ŋutsua te ɖe nɔviawo ŋu kple susu be yeagasrɔ̃ nu geɖe. Ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ka nya ta be, mɔ sia dzie ame geɖe to va nya nyateƒea.\nEsi Nɔviŋutsu Russell ɖo tɔdziʋu si nye Mauretania le New York le May 1909 me hedze eƒe mɔzɔzɔ enelia gɔme la, ekplɔ Nɔviŋutsu Huntsinger, si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la ɖe asi, ale be le woƒe ƒudzimɔzɔzɔa me la, Nɔviŋutsu Russell anɔ nyati siwo ava do le Gbetakpɔxɔ me la me nyawo gblɔm nɛ wòanɔ ŋɔŋlɔm. Ame 450 ye va se Nɔviŋutsu Russell ƒe dutoƒonuƒoa le Belfast, eye wo dometɔ siwo ade 100 nɔ tsitrenu le esi womekpɔ zikpui o ta.\nAlea tɔgbi kee nuwo yi le eƒe mɔzɔzɔ atɔ̃lia si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la me. Esi Nɔviŋutsu Russell ƒo dutoƒonuƒo le Dublin vɔ la, mawunyaŋutinunyala xɔŋkɔ aɖe si Aƒetɔ O'Connor kplɔ ɖe asi la bia nyawoe eye wòtsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo wo ŋu nɛ wòdze nyaselawo ŋu ale gbegbe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Nɔviŋutsu Russell kple eƒe mɔzɔhatiwo ɖo tɔdziʋu aɖe si tsɔa lɛtawo eye wòƒua du la, yi Liverpool eye woɖo Lusitania, meli si amewo nya nyuie la yi New York. *\nWogado boblo dutoƒonuƒowo le Nɔviŋutsu Russell ƒe mɔzɔzɔ adelia kple adrelia hã me le ƒe 1911 me. Le ƒe ma ke ƒe ada me la, Biblia Nusrɔ̃vi 20 siwo nɔ Belfast la xɔ vavala 2,000 siwo va se nuƒo si ƒe tanyae nye \"Agbenɔnɔ Le Ku Megbe\" la. Aƒetɔ O'Connor gakplɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe ɖe asi va Dublin hã; ebia nya geɖe, gake Nɔviŋutsu Russell tsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo eƒe biabiawo ŋu ale gbegbe be nyaselawo ƒo asikpe ɖe edzi. Le kele me la, Nɔviŋutsu Russell yi ɖaƒo dutoƒonuƒo le du bubuwo hã me, eye ame geɖe va se eƒe nuƒoawo. Aƒetɔ O'Connor kple ame 100 siwo kpe ɖe eŋu la gadze agbagba ake be yewoagblẽ kpekpea me le Dublin, gake nyaselawo de nuƒolaa dzi dzonɔamemetɔe.\nTogbɔ be Nɔviŋutsu Russell koŋue ƒoa dutoƒonuƒowo ɣemaɣi hã, enyae be \"ame aɖeke mate ŋu agblɔ be ne yemeli o la, nuwo matsɔ afɔ nyuie o,\" elabena \"menye amegbetɔ ƒe dɔe dɔ sia nye o; Mawu ƒe dɔe.\" Dutoƒonuƒo siwo wodoa bobloe ame geɖe va sena lae nye Dutoƒokpekpe siwo míewɔna egbea la ƒe gɔmedzedze; enye mɔnu nyui aɖe si dzi woto kaka Biblia me nyateƒeawo. Nu kae do tso eme? Woto dutoƒonuƒowo dzi kaka nya nyuia, eye esia wɔe be woɖo hame yeyewo ɖe dugã vovovowo me le Ireland.—Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe, le Britain.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-february-2018\/duto%C6%92onu%C6%92owo-kaka-nya-nyuia-le-ireland\/","date":"2021-06-15T20:04:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621519.32\/warc\/CC-MAIN-20210615180356-20210615210356-00386.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991099834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991099834442139}","num_words":1078,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE 3,000 kple edzivɔe nye esia blemafofo Hiob de dzesii be dziƒoxewo ate ŋu afia nu geɖe mí tso Mawu ƒe asinudɔwo ŋu. Ale si wowɔa nui wɔe be amewo zãa wo le kpɔɖeŋuwo kple kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me zi geɖe. Teƒe siwo woƒo nu tso dziƒoxewo ŋu le le Biblia me la fia nu vevi aɖewo mí tso agbe kple ale si mía kple Mawu dome le la ŋu. Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.\nAFI SI SAGBADRE WƆA EƑE ATƆ ÐO\nYerusalem nɔlawo nya sagbadre siwo wɔa woƒe atɔwo ɖe xɔgbatiwo dome la nyuie. Xevi sia ƒe ɖewo wɔ woƒe atɔwo ɖe Salomo ƒe gbedoxɔ me. Anɔ eme be sagbadre siwo wɔa atɔ ɖe gbedoxɔa me kpɔe be teƒe ma le dedie, eye yewoate ŋu anyi yewo viwo le afi ma.\nPsalmo 84 lia kpala, si nye Kora vi, ame si subɔna le gbedoxɔa me kwasiɖa ɖeka le ɣleti ade ɖe sia ɖe me la kpɔa atɔ siawo le gbedoxɔa me. Esi wòdzroe be yeanɔ abe sagbadre si nɔa Yehowa ƒe aƒea me ene ɖaa ta la, egblɔ be: \"Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, aleke gbegbe wò avɔgbadɔ gã la nyo ŋunye ye nye esi! Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye ame bliboa dzrom vevie. . . . Xevi gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe le afi ma, eye sagbadre wɔ atɔ na eɖokui, afi si wònyia viawo le le wò vɔsamlekpui gã la gbɔ, Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, nye Fia, kple nye Mawu!\" (Psalmo 84:1-3) Ðe wòdzroa mí kple mía viwo hã be míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amewo dome nɔnɔ ŋua?—Psalmo 26:8, 12.\nDAMIXE NYA EƑE ƔEYIƔI\nNyagblɔɖila Yeremiya gblɔ be: \"Damixe le dziƒo gɔ̃ hã nya eƒe azã.\" Anye be enya nu tso damixe siwo ʋuna vaa Ŋugbedodonyigbaa dzi la ŋu. Wode dzesii be le adame la, damixe ɣi siwo wu 300,000 la, ʋuna tso Afrika toa Yordan-balia me yia Dziehe Europa. Woƒe dzɔdzɔmenunya kpena ɖe wo ŋu wonyana be ele be yewoatrɔ agbɔ le dzomeŋɔli ava ƒo vi. Abe xe bubu siwo ʋuna ene la, wodzea si \"woƒe gbɔgbɔɣi.\"—Yeremiya 8:7.\nAgbalẽ aɖe (Collins Atlas of Bird Migration) si ƒo nu tso xewo ƒe ʋuʋu ŋu gblɔ be: \"Dzɔdzɔmenunya aɖe le xewo si si kpena ɖe wo ŋu woʋuna nukutɔe.\" Yehowa Mawu na dzɔdzɔmenunya xe siwo ʋuna yia teƒe bubuwo gake ena ŋutete amegbetɔwo ya be woate ŋu ase nu si ɣeyiɣiwo kple azãgbewo fia la gɔme nyuie. (Luka 12:54-56) To vovo na damixe si nɔa te ɖe dzɔdzɔmenunya si wonae la ko dzi la, amegbetɔwo ya dze si Mawu eye esia kpena ɖe wo ŋu wonyaa nu siwo le dzɔdzɔm kple ɣeyiɣi siwo me míele la. Israel-vi siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ŋkekeawo me ŋe aɖaba ƒu dzesi siawo dzi. Mawu gblɔ nu si gbɔ kuxia tso la be: \"Yehowa ƒe nyae wogbe, ekema nunya ka gɔ̃e le wo si?\"—Yeremiya 8:9.\nHƆ̃ KPƆA NU LE DIDIƑE ƲĨI KE\nWoƒo nu tso hɔ̃ ŋu zi geɖe le Biblia me, eye xe siawo bɔ ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Togbɔ be hɔ̃ wɔa atɔ ɖe agakpe kɔkɔwo dzi hã la, 'edia nuɖuɖu, eƒe ŋkuwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩi ke.' (Hiob 39:27-29) Wogblɔ be hɔ̃ kpɔa nu ale gbegbe be ne ele dzi abe kilometa 1 ene hã ate ŋu akpɔ fɔmizi le anyigba.\nAbe ale si hɔ̃ \"kpɔa nu le didiƒe ʋĩi ke\" ene la, Yehowa ate ŋu akpɔ etsɔme ʋĩi ke. Eya ta Yehowa gblɔ be: \"[Megblɔa] nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke, kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke.\" (Yesaya 46:10) Ne míeɖoa to Yehowa la, ke ana eƒe nunya si ɖeke mesɔ kpli o la mí eye míanya nu siwo ava dzɔ le etsɔme.—Yesaya 48:17, 18.\nBiblia tsɔ ame siwo ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu sɔ kple hɔ̃ esi wògblɔ be: \"Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃ ene.\" (Yesaya 40:31) Ne hɔ̃ le dzodzom la, ezãna ya xɔdzo si ƒona yia dzi tẽ. Ne xevi sia nya dzo ɖo ya xɔdzoa me ko la ekea eƒe aʋalawo me nɔa xlã ƒom le ya la me, si wɔnɛ be yaa kɔnɛ yia dzi ʋĩi. Hɔ̃ mezãa eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ fũu ne ele dzodzom yi didiƒe alo le agba sam le yame o. Nenema kee Yehowa do ŋugbe be yeana \"ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu\" ame siwo ɖoa ŋu ɖe ye ŋu.—2 Korintotɔwo 4:7, 8.\n\"ALE SI KOKLONƆ ƑOA VIAWO NU ƑU\"\nEsi wòsusɔ vie Yesu naku la, elé ŋku ɖe Yudatɔwo ƒe dugã la ŋu. Exa nu gblɔ be: \"Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o.\"—Mateo 23:37.\nLe dzɔdzɔme nu la, xewo dina vevie be yewoakpɔ yewo vi fɛ̃wo ta. Ele be xe siwo medzona o, abe koklowo ene la nanɔ ŋudzɔ vevie ɖe afɔkuwo ŋu. Ne koklonɔ kpɔ aʋako wòle agba sam le yame la, exlɔ̃na sesĩe, eye viawo wɔna kaba va bena ɖe eƒe aʋalawo te be woanɔ dedie. Ne via fɛ̃wo le eƒe aʋalawo te la, akpɔ wo ta tso ŋdɔkutsu kple tsidzadza si me. Nenemae Yesu di be yeakpɔ Yerusalem nɔlawo ta le gbɔgbɔ me hafi. Egbea hã Yesu le mía kpem be míava ye gbɔ ne yeana gbɔdzɔe mí ahakpɔ mía ta tso kuxi siwo míedoa goe le agbe me la me.—Mateo 11:28, 29.\nNyateƒee, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso xe siawo gbɔ. Ne èle ŋku lém ɖe woƒe nuwɔnawo ŋu la, ɖo ŋku ale si Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso wo ŋu le kpɔɖeŋumɔwo nu ŋu la dzi. Na sagbadrewo nakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe tadeaguƒea ŋu. Kpɔ Mawu sinu be wòana mɔkpɔkpɔ wò be nàte ŋu awɔ nu abe hɔ̃ ene. Va Yesu gbɔ be wòafia Biblia me nyateƒe si akpɔ tawò abe ale si koklonɔ kpɔa viawo ta ene. Eye na damixe naɖo ŋku edzi na wò be ele be nànɔ ŋudzɔ be nàte ŋu ade dzesi nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣiawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no6-2016-november\/xewo-le-biblia-me\/","date":"2021-06-15T00:35:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487614006.8\/warc\/CC-MAIN-20210614232115-20210615022115-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971113801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971113801002502}","num_words":995,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si tae wòvena\nAmeŋunyagbɔgblɔ aɖewo vɔ̃ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ne amea ɖoe koŋ be yeaƒo ɖi wò ŋkɔ. Gake ne menye ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖie o hã la, evena vevietɔ nenye be míaƒe ame vevi aɖee gblɔ nya sia ɖe mía ŋu!—Psalmo 55:13-15.\n\"Meva see be xɔ̃nye aɖe le gbɔgblɔm na amewo be nyemetsɔa ɖeke le eme na ame bubuwo o. Evem ŋutɔ! Nyemese nu si tae wògblɔ nya ma ɖo la gɔme o.\"—Ashley.\nNyateƒenya: Ne wogblɔ nya manyomanyo ɖe ame ŋu la, evena ŋutɔ, eɖanye ame xɔlɔ̃ vevi alo ame bubu aɖee gblɔe o.\nNya vɔ̃—màte ŋu axe mɔ ɖe enu ɣesiaɣi o\nSusu vovovo siwo ta wogblɔa amewo ƒe nya la dometɔ aɖewoe nye esi:\nÐetsɔleme vavã. Amegbetɔwo bɔa ha kple wo nɔewo. Eya ta esɔ be míaɖo dze kple mía nɔewo alo aƒo nu tso mía nɔewo ŋu. Biblia ŋutɔ hã de dzi ƒo na mí be 'míaƒe ŋku nenɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu' va se ɖe afi aɖe ya teti.—Filipitɔwo 2:4.\n\"Amegbetɔwo ŋue mielɔ̃a dzeɖoɖo tsoe wu!\"—Bianca.\n\"Medina be manya nu siwo le edzi yim le amewo ƒe agbe me eye be maƒo nu tso eŋu na ame bubuwo. Nyemenya nu si tae o, gake ɖeko wòvivia nunye.\"—Katie.\nModzakaɖeɖe. Ame aɖewo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo siwo \"mezãa woƒe vovoɣiwo ɖe naneke ŋu tsɔ wu be woanɔ nya yeyewo gblɔm alo anɔ wo sem o.\" (Dɔwɔwɔwo 17:21) Nenema ke ko wòle egbea hãe!\n\"Ɣeaɖewoɣi ne nu wɔdɔɖeamedzi aɖeke medzɔ o la, woawo ŋutɔ wokpaa ɖe ale be woakpɔ nya aɖe si ŋu woaɖo dze le.\"—Joanna.\nŊuʋaʋã. Biblia xlɔ̃ nu mí wòsɔ nyuie be míagatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. (Galatiatɔwo 6:4) Nublanuitɔe la, ne ame aɖewo kpɔ be ame bubuwo ƒe ŋutete wu yewo tɔ le nanewo me la, wonɔa wo ŋu gblẽm.\n\"Zi geɖe la, ameŋugbegblẽ ɖea nane fiana tso ameŋugblẽlawo ŋutɔ ŋu. Eɖenɛ fiana zi geɖe be wole ŋu ʋãm ame siwo ŋu gblẽm wole la le dzi me. Wogblẽa amewo ŋu ale be woƒe dzi nadze eme eye woatsɔ ana kakaɖedzi wo ɖokuiwo be yewonyo wu ame siwo ŋu gblẽm yewole la.\"—Phil.\nNyateƒenya: Godogodoa amewo agblɔ wo haviwo ŋu nya, eye woagblɔ wò hã tɔwò.\nDzidzɔnya—mele be esia naɖe dzi le ƒowò o\nEle eme be màte ŋu axe mɔ na amewo be womegagblɔ ye ŋu nya o, gake àte ŋu atia ale si nàwɔ nui. Ne èse be amewo le ye ŋu nya gblɔm la, àte ŋu awɔ nu eve ya teti.\nNU GBÃTƆ: Do tokui. Zi geɖe la, nu nyuitɔ si nàwɔ koe nye be nàdo tokui, vevietɔ ne enye nya maɖinyɛwo. Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: \"Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.\"—Nyagblɔla 7:9\n\"Afluiwo nɔ ɖiɖim be mele zɔzɔm kple ŋutsuvi aɖe! Eɖi kokoe ale gbegbe be ɖeko metsɔe na nukokoe.\"—Elise.\n\"Nu vevitɔ si xɔa aɖi le ameŋunyagbɔgblɔ sie nye ŋkɔ nyui ƒe amesinɔnɔ. Ne wole nya vɔ̃ gblɔm le ŋuwò na amewo gɔ̃ hã, esi amewo nyae be ènɔa agbe nyuie ta, ame ʋɛ aɖewo koe axɔ nya mawo dzi ase o. Nu nyui siwo wonya tso ŋuwò axɔ aɖi le ameŋunyagbɔgblɔ ma si.\"—Allison.\nAɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ (1) nya si wògblɔ tso ŋuwò la ɖi, (2) ale si nèse le ɖokuiwò me la ɖi. Ne ènya 'de ŋugble le wò dzi me' vɔ ko la, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖe susu ɖa le nya mawo dzi.—Psalmo 4:4, Eʋegbe Biblia ƒe 2010 tɔ.\nNU EVELIA: Yi ame si gblɔ nyaa na amewo la gbɔ nàbiae. Le go aɖewo me la, àse le ɖokuiwò me be nya si wogblɔ ɖe ye ŋu vɔ̃ɖi ale gbegbe be ehiã be yeayi aɖaƒo nu kple ame si gblɔ nyaa na amewo.\n\"Ne èyi ɖabia nya ame si le ŋuwò gblẽm la, akpɔe dze sii be èse nya si gblɔm wòle tso ŋuwò la. Esia ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ mi miadzro nyaa me eye ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be miawu nya ma.\"—Elise.\nHafi nàyi amea gbɔ la, bu Biblia ƒe mawunyakpukpui siawo ŋu eye nàdzro biabia siwo kpe ɖe wo ŋu la me.\n\"Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.\" (Lododowo 18:13) 'Ðe mese susu si tae amea gblɔ nya ɖo la gɔme tsitotsitoa? Ðe wòate ŋu anye be ame si va gblɔ nam be wole ŋunye gblẽm la mese nya nyuie oa?'\n\"Ele be ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.\" (Yakobo 1:19) 'Ðe wòsɔ be mayi ameŋunyagblɔla gbɔ le ɣeyiɣi sia mea? Ðe meka ɖe edzi be mebu nyaa ŋu nyuiea? Alo ɖe wòanyo be malala gbɔ ale be nye dziku nu nafa keŋkeŋ hafia?'\n\"Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.\" (Mateo 7:12) 'Nenye nyee wɔ nua ɖe amea ŋu ɖee, aleke madi be wòagblɔe nam? Afi kae madi be wòagblɔ nya sia nam le? Nyagbe kawo tɔgbi zazãe aɖe vi wu, eye aleke magblɔe wòaɖe vi wu?\nAɖaŋuɖoɖo: Hafi nàyi ameŋunyagblɔlaa gbɔ la, ŋlɔ nya siwo nàdi be yeagblɔ nɛ la ɖi. Azɔ lala kwasiɖa ɖeka alo eve, gbugbɔ xlẽ nu siwo nèŋlɔ ɖi la, eye nàkpɔ ɖa be ɖe wòahiã be yeatrɔ nanewo le wo me hã. Gawu la, anyo be nàka nu si nèdi yeawɔ la ta na dziwòla alo xɔ̃wò kpɔnuteƒe aɖe ne wòaɖo aɖaŋu na wò.\nNyateƒenya: Abe ale si ko wòle le agbemenuwɔna geɖewo gome ene la, màte ŋu axe mɔ ɖe ameŋunyagbɔgblɔ nu keŋkeŋ o. Gake esia mefia be nàɖe mɔ wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/amewo-le-nye-nya-gbl%C9%94m\/","date":"2021-08-02T22:38:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154385.24\/warc\/CC-MAIN-20210802203434-20210802233434-00158.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998572886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985728859901428}","num_words":924,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"13 \"Ne Efrayim ƒo nu la, amewo dzona nyanyanya,Elabena ame vevi wònye le Israel.+ Gake le Baal+ ta, eɖi fɔ, eye wòku. 2 Azɔ wogawɔ nu vɔ̃ bubu kpeeEye wotsɔ klosalo wɔ legbawoe;*+Wowɔ legbawo aɖaŋutɔe, wo katã wonye aɖaŋudɔwɔla ƒe asinudɔ. Wole gbɔgblɔm na wo be, 'Ŋutsu vɔsalawo negbugbɔ nu na nyiviwo.'+ 3 Eya ta woazu abe ŋdililikpo ene,Abe zãmu si nu yina ŋdi kanya ene;Abe tsro si ya kplɔna dzonɛ le nukuƒoƒe ene,Abe dzudzɔ si toa xɔtadowo nu yina ene. 4 Nyee nye Yehowa wò Mawu tso Egipte-nyigba dzi ke;+Mènya Mawu bubu aɖeke o, negbe nye ko,Xɔnametɔ aɖeke menɔ anyi o, negbe nye ko.+ 5 Melé be na wò le gbea dzi,+ le kuɖiɖinyigba dzi. 6 Woƒe gbeɖuƒewo ɖi ƒo na wo.+Woɖi ƒo, eye woƒe dzi de asi dada me. Ale woŋlɔm be.+ 7 Manɔ abe dzata ene na wo,+Made xa ɖi abe lãklẽ ene le mɔ to. 8 Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe vi bu ene,Eye mavuvu woƒe akɔta.* Mavuvu wo le afi ma abe dzata ene;Lã wɔadã avuvu wo ʋayaʋaya. 9 Oo Israel, atsrɔ̃ wò,Elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu. 10 Azɔ afi kae wò fia la le, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me,+Eye afi kae wò dziɖula* siwo ŋu nègblɔ le be,'Na fia kple amegãm' la le?+ 11 Mena fia wò le nye dɔmedzoe me,+Maɖee ɖa le nye dziku helĩhelĩ me.+ 12 Wobla Efrayim ƒe vodada da ɖi;Wodzra eƒe nu vɔ̃ ɖo. 13 Ase veve abe nyɔnu si le ku lém ene. Ke vi manyanu wònye;Ne azã de la, medoa ta ɖa be woadzi ye o. 14 Maɖe wo le Tsiẽƒe* si me;Magbugbɔ wo axɔ le ku si me.+ Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?+ Oo Tsiẽƒe, afi kae wò nugbegblẽ le?+ Dɔmetɔtrɔ aɣla ɖe nye ŋkuwo. 15 Ne etsi vlɔvlɔvlɔ le aɖawo dome hã,Ɣedzeƒeya, Yehowa ƒe ya, aƒo.Eƒo tso gbegbe gbɔna, ana eƒe vudo namie keŋ, eye wòana eƒe tsidzɔƒe naƒu. Ame ma aha eƒe nu vevi siwo katã le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+ 16 Woabu fɔ Samaria,+ elabena edze aglã ɖe eƒe Mawu ŋu.+ Woatsi yi nu,Woaxlã wo viwo ɖe nu,+Eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"legba siwo wolólo ga kɔ̀.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"dzixɔ.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ʋɔnudrɔ̃la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hosea\/13\/","date":"2021-08-01T11:39:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154175.76\/warc\/CC-MAIN-20210801092716-20210801122716-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997807622,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978076219558716}","num_words":361,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. Nehilot.* David ƒe ha.\n5 Oo Yehowa, ƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu;+\nLé to ɖe nye hũɖeɖewo ŋu.\n2 Se nye ɣlidodowo,\nOo, nye Fia kple nye Mawu, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.\n5 Dadala aɖeke manɔ te ɖe ŋkuwòme o.\nMatrɔ ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋu ade ta agu na wò le mawuvɔvɔ̃ me.+\n8 Oo Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye futɔwo ta;\nNa wò mɔ dzi nakɔ nam.+\n9 Elabena womate ŋu aka ɖe woƒe numenya aɖeke dzi o;\nVɔɖivɔ̃ɖi yɔ wo me fũu;\nWoƒe vehlo le abe yɔdo si le nuvo ene;\n10 Eya ta Mawu abu fɔ wo;\nWoawo ŋutɔwo ƒe ayemɔwo axlã wo ɖe anyi.+\nNa woanya wo ɖa le woƒe dzidada gbogboawo ta,\nElabena wodze aglã ɖe ŋuwò.\n11 Ke ame siwo katã si wò tso la akpɔ dzidzɔ;+\nWoanɔ aseyetsotso dzi ɖaa.\nÀtɔ kpɔ ɖe wo ŋu godoo,\nAme siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la atso aseye ɖe ŋuwò.\n12 Elabena Yehowa, àyra ame dzɔdzɔe;\nWò ŋudzedzekpɔkpɔ anɔ abe akpoxɔnu gã aɖe ene le wo ŋu.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/19\/5","date":"2021-08-02T17:07:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154321.31\/warc\/CC-MAIN-20210802141221-20210802171221-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987034202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987034201622009}","num_words":176,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 367\nStanza 1\nAƒetɔ, tɔwò míenye,\nÐevi kple tsitsi siaa.\nWòenye mía fia kple ɖela,\nSi ƒle mí kple 'ƒe ʋu.\nKpɔ mí nublanuitɔwo,\nNe naxɔ mí katã\nTso nuvɔ̃ ƒe gaxɔ me\nYi wò fiaɖuƒe me!\nStanza 2\nKrsito, gbɔwò ko nyo nam,\nFima ko manɔ ɖaa,\nXexeame le keklẽm nyuie,\nGake aɖi wònye\nDo ŋusẽm be malé fui\nBena magablem o;\nYesu nye ɖela la ko\nNanye nusianu nam!\nStanza 3\nNanɔ ŋkunye me ɖaahe\nKpakple wò nya kɔkɔe;\nHe nye didi ɖe ŋuwò,\nNe ŋutinye nafa;\nOo Yesu, kplɔla nyui la,\nWò ŋuti meku ɖo,\nHalase si makpɔ wò\nLe Paradiso me.\nStanza 4\nAzɔ lé nye alɔnu,\nNakplɔm ɖo ʋudzeƒe,\nFisi madzudzɔ tegbee\nTso 'nyigbafuwo me.\nManɔ akpe dam na wò\nLe wò lɔlɔ̃ la ta,\nEye makafu wò ɖaa\nYiɖase mavɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-367\/","date":"2021-09-27T07:44:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00111.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989898801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989898800849915}","num_words":135,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 352\nStanza 1\nNye Aƒetɔ la ŋku me\nMetsɔ nunana vɛ.\nNe ele sue ŋutɔ hã,\nMenye be, adze ŋu.\nNye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu\nMetsɔ de ku me faa,\nNe eƒe lɔlɔ̃nu ko\nNayɔ menye blibo!\nStanza 2\nMehiã be, mafa konyi\nLe ŋɔdziɣi me o;\nBoŋ le dzidzɔ me mava\nAdze klo ɖe 'kɔ me.\nAmesi ku ɖe tanye,\nKɔ eƒe ʋu ɖi nam,\nÐe mana nusianu, si\nNyo nam la, akpee oa?\nStanza 3\nEƒe amenuveve\nLolo wú gbɔgblɔ gɔ̃\nNye ame dahe gòtɔ\nWòtsɔ lɔlɔ̃ tsyɔ na.\nNye ŋutikɔkɔe mavɔ\nDim ko wòle ɖaasi;\nEyata mazi kpi kpoo\nAdze eyome ko.\nStanza 4\nNyemanɔ ebiam ɖaa be:\nNa nusi kple 'sim o;\nNusi nyo eya ŋu la,\nEya ko lasɔ nam.\nNe nye aƒemɔ la gɔ̃\nƔla ɖem l'afisia hã\nDzika matso ƒonye o,\nKlɔla le asinye!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-352\/","date":"2021-09-27T07:49:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00435.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989570975,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998957097530365}","num_words":138,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 119\nStanza 1\nKristo, nye dzideƒotɔ,\nYesu, nye xɔla le agbe!\nEya ta míekpɔ dzidzɔ,\nEsi mexɔ nya la dzi se.\nAzɔ ku ƒe ŋɔdziwo\nMagado ŋɔdzi nam o.\nStanza 2\nYesu, nye xɔla l'a-gbe,\nEye nye hã makpɔ agbe;\nMava nɔ egbɔ tegbee;\nNu ka lado ŋɔdzi nama?\nTa kple eŋutinuwo\nMegamana gbede o.\nStanza 3\nMɔkpɔkpɔ gbagbe la blam\nÐe nye ɖela ŋuti blibo;\nNye xɔse li ke sesiẽ\nÐe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.\nKu gɔ̃ hã mama mí o;\nYesu ɖu edzi xoxo.\nStanza 4\nNye ŋutilã lagazu\nAnyi kple afi gbe aɖe gbe;\nMenye esia; ke Yesu\nAfɔm ɖe te tso yɔdo me,\nAkplɔm ayi kɔkɔeƒe,\nAfi si nye xɔla le.\nStanza 5\nNye ŋku siawo ava kpɔ\nAdze si nye ɖela 'fi ma\nManye amedzro nam o,\nLɔlɔ̃ sɔŋ ayɔ nye dzi me.\nGbɔdzɔgbɔdzɔ maganɔ\nŊutinye l'a-fi ma o.\nStanza 6\nNe megbɔdzɔ l'a-fi hã,\nMaxɔ ŋusẽ le afi ma.\nNu gbegblẽ menye l'a-fi,\nGake mazu dziƒonɔla.\nŊutilã ko anyunyɔ,\nMafɔ azu kɔkɔetɔ.\nStanza 7\nAzɔ mi ame siwo\nNye etɔ la, mikpɔ dzidzɔ;\nKonyifafa medze o.\nNe mieku hã, woagafɔ mi,\nGbe si gbe ke woaku kpẽ,\nSi miase le yɔdo me.\nStanza 8\nYɔdo, ku kple tsiẽƒe hã\nƑe ŋusẽ nu atsi kaba.\nNe Yesu ayɔ mí la,\nMíadze aƒemɔ kple dzidzɔ.\nHiãtutu kple fukpekpe\nAnɔ míaƒe afɔ te.\nStanza 9\nEya ŋuti midzudzɔ\nNu dzodzrowo yomenɔnɔ!\nMitsɔ mia ɖokuiwo na\nAme si zu agbe na mi,\nBena miava kɔkɔeƒe,\nAfi si mianɔ tegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-119\/","date":"2021-09-27T06:47:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967084527,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967084527015686}","num_words":244,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nAƒetɔ Yesu, ne wòmeli nam o,\nNe wò ʋu kɔkɔe meʋli\ntanye o la,\nAfi ka nye nu vɔ̃ wɔla\ngãtɔ sia\nMahayi ɖo ma?\nStanza 2\nNe menye wòe kpɔ nye\nnublanui o la,\nNyemakpɔ xɔla bubua 'ɖeke\nkpɔ o.\nWò ɖeka hɔ̃ pɛ koe nye xɔ̃nye vavã;\nManɔ ŋuwò ɖaa.\nStanza 3\nYesu meda 'kpe na wò\ntso dzi me ke,\nBena nètia nye hã eye\nnètsɔm wɔ\nHame, si nèƒle kple wò ʋu kɔkɔe la,\nMe nɔla ɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-46\/","date":"2021-09-20T06:18:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00079.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998120666,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998120665550232}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"18 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene yi Korinto. 2 Eye wòkpɔ Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Akwila,+ si nye Ponto vidzidzi, ame si kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va eteƒe medidi o, elabena Klaudio de se be Yudatɔwo katã nadzo le Roma. Ale wòyi wo gbɔ, 3 eye esi eya kple ame siawo nye dɔ ɖeka ƒomevi wɔlawo ta la, edze woƒe aƒe me, eye wowɔ dɔ ɖekae,+ elabena avɔgbadɔwɔlawoe wonye. 4 Ke hã, eƒoa nu* le ƒuƒoƒe+ la le sabat ɖe sia ɖe dzi,+ eye wòna Yudatɔ kple Helatɔ geɖewo trɔ susu heva zu xɔsetɔwo. 5 Esi Sila+ kple Timoteo+ tso Makedonia va la, Paulo tsɔ nya la gbɔgblɔ ɖo dɔ koŋ, eye wòɖia ɖase na Yudatɔwo heɖoa kpe edzi be Yesu ye nye Kristo la.+ 6 Ke esi woyi edzi le tsitre tsim ɖe eŋu, eye wole nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi la, eʋuʋu eƒe awuwo,+ eye wògblɔ na wo be: \"Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔwo miaƒe ta dzi.+ Nye ya ŋutinye kɔ.+ Tso esia dzi la, mayi dukɔwo me tɔwo gbɔ.\"+ 7 Eya ta edzo le afi ma,* eye wòyi ŋutsu aɖe si vɔ̃a Mawu, si ŋkɔe nye Titio Yusto ƒe aƒe me. Eƒe aƒe la te ɖe ƒuƒoƒea ŋu. 8 Ke Krispo,+ si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔla kple eƒe aƒe blibo la xɔ Aƒetɔ la dzi se. Eye Korintotɔ geɖe siwo see la hã xɔ edzi se, eye wonyrɔ wo. 9 Gawu la, Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me be: \"Mègavɔ̃ o, ke boŋ yi edzi nànɔ nya la gblɔm, eye ɖoɖoe megazi le nuwò o, 10 elabena meli kpli wò,+ eye ame aɖeke matso ɖe ŋuwò awɔ nu vevi wò o; elabena ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.\" 11 Ale wònɔ afi ma ƒe ɖeka kple ɣleti ade nɔ Mawu ƒe nya la fiam wo. 12 Ke esime Galio nye nuto gã dziɖula* le Akaya la, Yudatɔwo wɔ ɖeka tso ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, 13 gblɔ be: \"Ame sia le susu trɔm na amewo be woasubɔ Mawu le mɔ si tsi tre ɖe sea ŋu la nu.\" 14 Ke esi Paulo be yeake nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo be: \"Oo, Yudatɔwo, ne nu gbegblẽ alo nu vɔ̃ gã aɖee wòwɔ la, ekema asɔ be magbɔ dzi ɖi asee na mi. 15 Gake ne nyagbɔgblɔwo kple ŋkɔwo kpakple miawo ŋutɔwo miaƒe se la ŋuti nyaʋiʋliwoe la,+ ekema miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be madrɔ̃ nya siawo tɔgbi o.\" 16 Ale wònya wo ɖa le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 17 Ke wo katã wolé Sostene,+ si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔla la, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Ke Galio mede nu nya siawo katã me kura o. 18 Esi Paulo ganɔ afi ma ŋkeke aɖewo megbe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo tɔdziʋu ɖo ta Siria, eye Priskila kple Akwila yi kplii. Ena wokpa ɖa nɛ le Kenkrea,+ le adzɔgbe aɖe si wòɖe ta. 19 Esi wova ɖo Efeso la, egblẽ wo ɖe afi ma; ke ege ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòdzro nu me kple Yudatɔwo.+ 20 Togbɔ be woɖe kuku nɛ be wòaganɔ yewo gbɔ vie hã la, melɔ̃ o, 21 ke boŋ eklã wo gblɔ be: \"Ne Yehowa lɔ̃ la, magatrɔ ava mia gbɔ.\" Eɖo tɔdziʋu tso Efeso 22 eye wòva ɖi go ɖe Kaisarea. Eye wòyi* ɖado gbe na hame la; emegbe wòtɔ edzi yi Antiokia.+ 23 Esi wònɔ afi ma vie la, edzo yi Galatia nutoa kple Frigia+ ƒe teƒeteƒewo hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.+ 24 Ke Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo,+ si nye Aleksandria vidzidzi la va Efeso; enye nuƒola bibi aɖe, eye wònya Ŋɔŋlɔawo nyuie. 25 Wofia Yehowa* ƒe mɔ la ŋutsu sia, eye esi wònye be 'exɔ dzo le gbɔgbɔ la me' ta la, enɔ nu ƒom nɔ nu fiam tso Yesu ŋu ɖe eteƒe tututu, gake nyɔnyrɔxɔxɔ si Yohanes ɖe gbeƒãe ŋu nya koe wònya nyuie. 26 Ede asi nuƒoƒo me dzideƒotɔe le ƒuƒoƒe la, eye esi Priskila kple Akwila+ se eƒe nyawo la, wokplɔe ɖe wo ɖokui ŋu, eye woɖe Mawu ƒe mɔ la me nɛ nyuie wu. 27 Ke esi wòle didim be yeayi Akaya ta la, nɔviawo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe nusrɔ̃laawo, eye wode dzi ƒo na wo be woaxɔe nyuie. Ale, esi wòɖo afi ma la, ekpe ɖe ame siwo nu Mawu ve wova zu xɔsetɔwo la ŋu geɖe ŋutɔ; 28 elabena eɖoa kpe edzi kple ŋusẽ le dutoƒo be Yudatɔwo da ƒu, eye wòtsɔa Ŋɔŋlɔawo ɖenɛ fiana be Yesu ye nye Kristo la.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"edzroa nu me kpli wo.\"\n^ Efia, ƒuƒoƒe la.\n^ Ðewohĩ Yerusalem ye wòyi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/18\/","date":"2022-01-18T03:51:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320300722.91\/warc\/CC-MAIN-20220118032342-20220118062342-00654.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991670847,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991670846939087}","num_words":741,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 452\nStanza 1\nDzudzɔ vavãtɔ ma egali;\nDzi gbɔdzɔ, tso, ne nàdzɔ dzi!\nAfi nèle ŋeŋem le game,\nƔe hã meklẽna na wò o.\nKpɔ alẽvi, si ke anyi wò\nLe eƒe fiazikpui ŋgɔ la, dzi.\nƑu wò agba gbe, nàkplɔe ɖo!\nAʋa sesẽ la nu atsi kpuie,\nZɔzɔ didia awu nu kaba;\nEkem àyi wò dzudzɔ me.\nStanza 2\nDzudzɔ vavã Mawu tia na mí,\nDzudzɔ, si nu meyina o.\nWoɖo dzudzɔ sia ɖi na mí xo,\nHafi míedzɔ ɖe xexeame.\nMawu ƒ'a-lẽvi la to ku me,\nBe yeana dzudzɔ vavã sia mí;\nEle mía yɔm l'a-fi sia 'fi:\nMi luʋɔ, siwo ke gbɔdzɔ la,\nAzɔ la migahe ɖe megbe\nNa nye dzudzɔ me vava o!\nStanza 3\nMi luʋɔ, siwo ŋu ɖeɖi te\nEye agba hã wu mi la,\nMido go kaba le xexeame,\nMigazɔ kple hũɖeɖe o!\nEsi miekpe hiã fũ l'a-fi sia,\nEya ta ɖela la gblɔ na mi:\nNye ŋutɔ nye miaƒe dzudzɔ!\nEtɔ mienye, akpɔ mi keŋ dzi;\nNe tsiẽƒe do ŋɔdzi na mi hã,\nMido dzi ko, ne miayi dzi!\nStanza 4\nNu si míeƒã l'a-fi kpl'a-ɖatsi,\nMíaŋe kple dzidzɔ l'a-fi ma.\nDzidzɔseyetsotso ka woase,\nHa ka aɖi le mawuƒe?\nFukpekpewo katã nu atso;\nMíagakpɔ ku akpɔ gbeɖe o,\nMíakpɔ míaƒe dziƒofia la.\nAna agbetsi la mí, míano;\nAtutu aɖatsiwo na mí\nNu ka gɔ̃ agava me ma?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-452\/","date":"2022-01-28T11:08:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00706.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995590508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955905079841614}","num_words":223,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kronika\nƒe agbalẽ evelia\n1\nSalomo bia nunya\n1 Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ.\n2 Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo 3 eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma. 4 Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ. 5 Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma. 6 Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.\n7 Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, \"Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!\"\n8 Solomo ɖo eŋu be, \"Oo Mawu, ève fofonye, David nu ŋutɔ eye azɔ la, ètsɔ fiaɖuƒe la nam. 9 Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi! 10 Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?\"\n11 Mawu ɖo eŋu be, \"Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la, 12 matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!\"\n13 Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi.\n14 Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã. 15 Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. 16 Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. 17 Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2CH01.htm","date":"2022-05-17T05:25:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00277.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989057779,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989057779312134}","num_words":512,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.297,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nKolosetɔwo\n1\n1 Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,\n2 Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me.\nMawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi.\nGbedodoɖa kple akpedada\n3 Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, 4 elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. 5 Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me. 6 Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene. 7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe, 8 eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi.\n9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. 10 Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu. 11 Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi. 12 Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. 13 Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; 14 eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí.\nKristoe nye ta na nuwo katã\n15 Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la, 16 Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. 17 Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu. 18 Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. 19 Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. 20 Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me.\n21 Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. 22 Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. 23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.\n24 Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.\nWoɖe nya ɣaɣla la ɖe go\n25 Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu; 26 nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. 27 Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.\n28 Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. 29 Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/COL01.htm","date":"2022-05-19T13:08:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00094.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985310435,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985310435295105}","num_words":975,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3\nAƒetɔ la ƒe ŋkeke la\n1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ agbalẽ siawo na mi be woanye ŋkuɖodzinu si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo. 2 Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.\n3 Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome. 4 Woagblɔ be, \"Afi ka eƒe 'vava' ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.\" 5 Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi. 6 To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. 7 To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.\n8 Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. 9 Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.\n10 Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.\n11 Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, 12 esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. 13 Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.\n14 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe, eye mianɔ ŋutifafa me kplii. 15 Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene. 16 Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.\n17 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be sedzimawɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ makplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o. 18 Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me.\nEya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2PE03.htm","date":"2022-07-02T17:29:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104189587.61\/warc\/CC-MAIN-20220702162147-20220702192147-00199.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991518259,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991518259048462}","num_words":530,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Ahosinyenye Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nyɔnu Eve Dzii\nSANDRA nye ahosi si nɔ Australia. Esi Sandra srɔ̃ ku ƒe aɖewoe nye si va yi la, dzi ɖe le eƒo keŋkeŋ enumake. \"Nyanya be mebu srɔ̃nye kple xɔ̃nye vevitɔ enumake la ʋuʋum ŋutɔ. Nyemenya alesi mewɔ trɔ tso kɔa dzi gbɔ va ɖo aƒeme alo nusi mewɔ le ŋkeke ma ƒe akpa mamlɛa o. Le kwasiɖa ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, vɔvɔ̃ si nɔ menye la va zu lãmevee si ɖea fu nam ɣesiaɣi.\"\nXɔlɔ̃ tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Elaine nɔ Sandra si, amesi zu ahosi anɔ abe ƒe ade ene. Elaine kpɔ srɔ̃a David dzi ɣleti ade hafi kansa va wui. Eƒe nuxaxa nu sẽ ale gbegbe be le srɔ̃a ƒe ku megbe kpuie la, etsi ŋku ɣeyiɣi kpui aɖe. Le ƒe eve megbe la, eku ƒenyi le dutoƒo. Eƒe ɖɔkta mekpɔ dɔléle ƒe dzesi aɖeke le eŋu o. Gake ekpɔe dze sii be Elaine nɔa nu xam le eɖokui me, eyata egblɔ nɛ be wòayi aƒeme aɖadze agbagba vevie afa avi. Elaine lɔ̃ ɖe edzi be: \"Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mete ŋu nɔ te ɖe nye nuxaxaa nu,\" eye wògblɔ kpee be ne yetsi akogo la, 'yeyina ɖe xɔgã me ɖatsɔa David ƒe awuwo tsyɔa ta.'\nẼ, ame srɔ̃ si gbɔ womelɔ̃a nu le o ƒe ku ate ŋu ahe nɔnɔme vovovowo vɛ, elabena menye ame srɔ̃ŋutsu ƒe anyi manɔmanɔ koe ahosinyenye nye o. Le kpɔɖeŋu me, Sandra se le eɖokui me be yemenɔ ame me o hena ɣeyiɣi aɖe. Ese le eɖokui me hã, abe alesi amesiwo zu ahosiwo eteƒe medidi o la senɛ ene, be nuvevi ɖesiaɖe ate ŋu awɔ ye eye be yemele dedie o. Sandra gblɔ be: \"Esi wònye srɔ̃nyeŋutsuae wɔa nyametsotso mamlɛawo wòmam ta la, nyametsotso mawo wɔwɔ tsi nye ɖeka dzinye enumake. Metsia zãdomadɔalɔ̃e. Nu tia kɔ nam eye ɖeɖi tea ŋunye. Nyemenyaa nusi tututu mawɔ o.\"\nSandra kple Elaine ƒe nya siawo tɔgbe yi edzi le dzɔdzɔm gbesiagbe le xexeame godoo. Dɔléle, afɔkuwo, aʋawɔwɔwo, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ, kple ŋutasesẽ gbadzaa na ahosiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. * Nyɔnu siawo dometɔ geɖe xaa nu le wo ɖokui me, eye womenyaa nusi woawɔ o. Nukae xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le te nɔm ɖe ahosinyenye nu la ŋui? Aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Nyɔnu bubuwo le nɔnɔme si ɖi ahosiwo tɔa me le esi wo srɔ̃wo gblẽ wo ɖi ta. Togbɔ be kaklã kple srɔ̃gbegbe hea kuxi tɔxɛwo vɛ hã la, gɔmeɖose siwo me míedzro le nyati si kplɔe ɖo me ate ŋu akpe ɖe nyɔnu siwo le nɔnɔme siawo me hã ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010501\/Alesi-Ahosinyenye-Kp%C9%94-%C5%8Aus%E1%BA%BD-%C3%90e-Ny%C9%94nu-Eve-Dzii\/","date":"2022-06-30T16:09:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103850139.45\/warc\/CC-MAIN-20220630153307-20220630183307-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991550446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991550445556641}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbe Nu Xɔasie loo alo Nu Tsɛe?\n\"Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo ta la, nusi xɔ asi wu kple nusi le kɔkɔe wu le xexeame la tsɔtsrɔ̃e amewuwu nye.\"—The Plain Man's Guide to Ethics, si William Barclay ŋlɔ.\n'NUSI xɔ asi wu le xexeame.' Nenemae nèbua agbeea? Le alesi amewo wɔa nui nu la, edze ƒã be ame geɖe meda asi ɖe nuŋlɔla ma ƒe nyaa dzi o. Ŋutasẽnuwɔla siwo tia ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo yome eye womebua wo hati amegbetɔwo ƒe nyui ŋu kura o la wu ame miliɔn geɖe tagbɔsesẽtɔe.—Nyagblɔla 8:9.\nÐekememanɔlawo Kple Vɔsakoklowo\nXexemeʋa I nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Ŋutinyaŋlɔla A.J.P. Taylor gblɔ be, \"wotsɔ amewo sa vɔe yakatsyɔ\" le aʋa dziŋɔ ma me enuenu. Le ŋkɔxɔxɔ kple kafukafu didi vevie ta la, aʋafiawo zã asrafowo abe ɖee asixɔxɔ aɖeke mele wo ŋu o eye womele ɖeke me kura o ene. Le aʋa si wowɔ le France tsɔ ʋli Verdun tae me la, ame miliɔn afã kple edzivɔwoe tsi eme. Taylor ŋlɔ bena: \"Menye nunana [adodoe] aɖe ye woaxɔ loo alo ye atsi wo ŋu o, ke boŋ amewo wuwu kple kafukafu didi koe nye woƒe taɖodzinu.\"—The First World War.\nAlesi womedea asixɔxɔ agbe ŋui o la gakpɔtɔ de du. Agbalẽnyala Kevin Bales ɖee fia be le ɣeyiɣi siawo me la, \"amewo ƒe dzidziɖedzi wɔe be ame dahe kple wɔnamanɔŋutɔ miliɔn geɖewo va zu agbatedɔwɔlawo le xexeame.\" Wotsoa hloloe le woƒe agbemeŋkekewo katã me bene woate ŋu anɔ agbe le asitsahawo ƒe ɖoɖo teameɖeanyi si me \"agbe zua nu tsɛ\" le la me. Bales gblɔ be, amesiwo\nbaa wo la wɔa nu ɖe wo ŋu abe kluviwo ene—abe \"dɔwɔnu siwo woate ŋu azã atsɔ akpɔ gae ko ahatsɔe aƒu gbe la\" ene.—Disposable People.\n\"Dagbadagba ɖe Ya Me\"\nSusu bubu geɖewo li si tae ame miliɔn geɖe sena le wo ɖokui me be yewomeɖi naneke o, si wɔnɛ be wotsia dzodzodzoe—be yewo ɖale agbe loo alo yewo ɖaku o, meka ame aɖeke o—ɖo. Tsɔ kpe ɖe aʋawɔwɔ kple madzɔmadzɔnyenye ŋu la, kuɖiɖi, dɔwuame, dɔléame, ku ƒe nuxaxa doname, kple nu bubu geɖewo li siwo wɔa fu ameƒomea katã, si nana amewo megakana ɖe edzi be viɖe le agbe ŋu o.—Nyagblɔla 1:8, 14.\nEle eme baa be menye amesiamee toa hiãkame kple dzimaɖitsitsi si gbɔ eme me ya o. Gake amesiwo metoa teteɖeanyi vɔ̃ɖiwo me o gɔ̃ hã gblɔa blema Israel Fia Salomo ƒe nya siawo tɔgbe, amesi bia be: \"Nuka amegbetɔ kpɔna tsoa eƒe dɔwo katã kple agbagba, siwo eƒe dzi dzena le ɣea te la mea?\" Ne ame geɖe de ŋugble le eŋu la, wova kpɔnɛ dzea sii be nusiwo yewo wɔ le agbe me la dometɔ akpa gãtɔ zua \"tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.\"—Nyagblɔla 2:22, 26.\nNe ame geɖe gbugbɔ ŋugble de le woƒe agbe ŋu la, wobiana be: \"Eya katã koe nye esia?\" Ẽ, ame nenie 'kpɔa dzidzeme' akuakua 'le agbenɔnɔ me,' abe alesi blemafofo Abraham kpɔe ene, hafi kuna? (Mose I, 25:8) Ame akpa gãtɔ senɛ le wo ɖokui me ɖaa be yewomeɖi naneke o. Ke hã, mehiã be agbe nanye nudzodzro o. Mawu bua amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe agbe nu xɔasii eye wòdi be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ agbe si me dzidzeme vavã le la bliboe. Aleke esia awɔ ava eme? Kpɔ nusi nyati si kplɔe ɖo agblɔ le nya sia ŋu ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050201\/Agbe-Nu-X%C9%94asie-loo-alo-Nu-Ts%C9%9Be\/","date":"2022-08-08T20:15:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570871.10\/warc\/CC-MAIN-20220808183040-20220808213040-00251.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993005991,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993005990982056}","num_words":549,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa ye nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si ŋu woke ɖo.\nLe ƒe 1970 me la, tomenukulawo ke ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe si dzo fiã la ŋu le Israel. Wova zã mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si woyɔna be 3-D tsɔ ke agbalẽ xatsaxatsaa ƒe foto si le kɔmpiuta dzi. Nu kae esia ɖe fia?\nLãgbalẽwo kple aƒlagbalẽwo dzie Biblia-ŋlɔlawo kple nugbugbɔgaŋlɔlawo ŋlɔ Biblia me gbedeasia ɖo. Aleke wòdzɔe be nuŋlɔɖi mawo gakpɔtɔ li va de asi na egbea?\nXlẽ nu tso Nyanyuigbalẽawo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/biblia-asinu%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94gbal%E1%BA%BDwo\/","date":"2023-02-03T06:35:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500044.16\/warc\/CC-MAIN-20230203055519-20230203085519-00456.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994924068,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994924068450928}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.098,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.304,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋuɖoɖodidi Na Agbemebiabia Veviwo\n\"Ne míekpɔ ta na 'ale si' míawɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye kesinɔnu siwo ŋu míebu kpɔ be woasu mía si o, abe xɔmefamɔ̃, CD ƒomɔ̃ nyuitɔ kekeake, kple atikutsetse nyuiwo ɖuɖu le ƒe bliboa me ene, va ƒo xlã mí gɔ̃ hã la, míegadina kokoko be míanya 'nu si tututu tae' míele agbe ɖo. Nu ka ta míanɔ hloloe tsom dzodzro alea? Taɖodzinu kae le eŋu?\" —David G. Myers, si nye susuŋutinunyafialagã le Hope College, Holland, Michigan, U.S.A.\nALEKE nàɖo biabia siwo nufialagã sia fɔ ɖe te la ŋui? Ame aɖewo abia be ɖe wòhiã be ame nagblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋuɖoɖoawo didi ŋu hã. Gake ɖeko aɖabaŋeŋe ƒu biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo didi dzi le abe aɖabaŋeŋe ƒu kpekui aɖe si ge ɖe afɔkpa me na wò dzi ene—àte ŋu ayi wò azɔlia zɔzɔ dzi ya, gake àse veve geɖe.\nNe èbia ɖokuiwò kpɔ be tameɖoɖo kae le agbea ŋu hã la, ke nyae be menye ye ɖekae tsi dzi ɖe nya sia ŋu o. Le Agbe Nyui Nɔnɔ Ŋuti Numekuku Le Xexea Me, si nye agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ƒe numekuku gãtɔ kekeake siwo wowɔ kpɔ la dometɔ ɖeka ƒe nya nu la, ame siwo le \"gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbea ŋu\" dim la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le dukɔ geɖe me.\nHafi wò susu me nadze akɔ anyi vavã la, ehiã be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi etɔ̃ siwo gbɔna.\nAfi kae míedzɔ tso?\nTameɖoɖo kae le agbea ŋu?\nNu kae adzɔ le etsɔ me?\nAfi kae nàkpɔ biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le la le? Nyati etɔ̃ siwo kplɔ esia ɖo ana ŋuɖoɖo siwo tso Mawu ƒe Nya, Biblia la me, ke menye esiwo wotu ɖe nususugblɔ alo xexemenunya dzi o, la wò. Míede dzi ƒo na wò be ne èle nyatiawo xlẽm la, xlẽ mawunyakpukpuiawo le wò Biblia me be wò ŋutɔ nàkpɔ nu si wògblɔ.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]\nAKPAA DZI: Ƒuta ƒe foto la: © Andoni Canela\/age fotostock","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/%C5%8Au%C9%96o%C9%96odidi-Na-Agbemebiabia-Veviwo\/","date":"2023-02-08T23:18:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764500983.76\/warc\/CC-MAIN-20230208222635-20230209012635-00712.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998967886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989678859710693}","num_words":334,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 137:1-9\n137 Babilon-tɔsisiwo nu,+ afi mae míebɔbɔ nɔ anyi ɖo. Esi míeɖo ŋku Zion dzi la, míefa avi.+ 2 Amuti siwo le dua me* laŊutie míeku míaƒe saŋkuwo ɖo.+ 3 Elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia be míadzi ha na yewo le,+Ame siwo le fewu ɖum le mía ŋu la bia be míado dzidzɔ na yewo hegblɔ be: \"Midzi Zion ha na mí.\" 4 Aleke wɔ míadzi Yehowa ƒe haLe dzronyigba dzi? 5 Oo Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la,Ekema nye ɖusibɔ hã neŋlɔ eƒe aɖaŋu be.*+ 6 Nye aɖe nelé ɖe aŋɔme namNe nyemeɖo ŋku dziwò o,Ne nyemena Yerusalem ƒoNu siwo koŋ ŋu mekpɔa dzidzɔ ɖo la ta o.+ 7 Oo Yehowa, ɖo ŋkui,Ðo ŋku nya si Edom viwo nɔ gbɔgblɔm le Yerusalem ƒe anyidzegbe la dzi, be: \"Mimui ƒu anyi! Mimui ƒu anyi va se ɖe gɔmegɔmea ke!\"+ 8 Oo Babilon vinyɔnu, wò, ame si woava tsrɔ̃ kpuie,+Dzidzɔtɔe anye ame si aɖo eteƒe na wò,Ðe ale si nètu nu kpli míi la nu.+ 9 Dzidzɔtɔe anye ame si alé viwòwoAxlã ɖe agakpe.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/137\/","date":"2023-06-08T12:50:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224654871.97\/warc\/CC-MAIN-20230608103815-20230608133815-00517.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986039996,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986039996147156}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anyigbadzidɔwo ƒe agbɔsɔsɔme ƒe akɔntabubu\nTsɔ didimewo de mita me\nB\n- tomenukuku ƒe goglome\nY\n- tomenukuku ƒe didime\nX\n- tomenukuku ƒe kekeme\nXɔtudɔ kuku nye gɔmeɖoanyido kuku na gɔmeɖoanyi, ta alo ta, do siwo woatsɔ awɔ kɔƒenutomexɔ ƒe tsiɖɔɖɔ si le eɖokui si, tsidzɔƒe alo tsidzɔƒe na aƒe sue aɖe.\nNe wole ɖoɖo wɔm ɖe anyigbadɔwo ŋu la, ele vevie ŋutɔ be woada anyigba si woɖe ƒe lolome akpɔ nyuie.\nGa si wozãna ɖe tomenukuku ŋue nye do alo do aɖe ŋutɔ kuku kple anyigba ɖeɖe ɖa. Anyo be nàwɔ ɖoɖo ɖe anyigba ƒe akpa si le etame si me nukuwo le ƒe ʋuʋu ŋu be woagazãe le abɔ alo amagbebɔ me. Wozãa anyigba ƒe akpa si me vi mele o la tsɔ naa teƒea nɔa sɔsɔm, tsɔa megbe yɔa gɔmeɖoanyia, alo woɖenɛ doa goe le teƒea. Woɖoa teƒe siwo woaɖe anyigba ɖa le do ŋgɔ.\nDe dzesii hã be zi geɖe la, kubik-meta 1 kuku ƒe agbɔsɔsɔme dzina ɖe edzi ne dɔa le goglom ɖe edzi. Eyata asi si woaxe tso anyigba dzi va ɖo meta 1 ƒe goglome kple tso meta 1 kple esi goglo wu dzi ate ŋu ato vovo zi gbɔ zi eve gɔ̃ hã. Zi geɖe la, anyigba ƒe ʋuʋu hã nyea gazazã ƒe nu tɔxɛ aɖe. Be màgawɔ gazazã siwo mèle mɔ kpɔm na o la, dzro nusianu me kple kontraktɔa do ŋgɔ.\nBu axa si le doa ƒe didimewo me hena xɔmenuwo ɖoɖo ne èle gɔmeɖoanyia kɔm.\nAsi alo tomenukukumɔ̃ dzia?\nMɔnu siawo dometɔ ɖesiaɖe kple eƒe nyonyo kple kuxiwo.\nNe wole dɔ wɔm kple asi la, woate ŋu awɔ tomenukukua wòade pɛpɛpɛ wu.\nNe dɔwɔlawo mexɔ asi o eye wole sue ŋutɔ ta la, ga mamlɛtɔ si woatsɔ awɔ tomenukuku kple asi ate ŋu aɖiɖi wu ne wohaya tomenukukumɔ̃ kple dɔwɔnu tɔxɛ bubuwo. Ele bɔbɔe be woakpɔ doa ƒe lolome kple eƒe nɔnɔme dzi.\nGake ne anyigba lolo ŋutɔ eye dɔa le du dzi la, zi geɖe la, tomenukulaa ɖua dzi. Aleke kee wòɖale o, wò ŋutɔ gbɔe nyametsotsoa le.\nAlesi wowɔa anyigbadzinuwoe.\nDo ƒe ɖoɖo.\nGbã la, ele be nàde dzesi teƒe aɖe si do alo do alo do le. Be woate ŋu awɔ esia la, le anyigba ƒe anyime la, kpewo kple ka tsɛ aɖe fiaa teƒe si wowɔa dɔ le. Be woakpɔ geometry dzi la, wodzidzea etsɔme doa ƒe diagonal eve - ele be woasɔ.\nGake esia nye mɔnu si menye dɔnyala tɔ o eye wòsɔ na dzesidede dowo alo na anyigba si le gbadzaa vie.\nBe woate ŋu awɔ anyigbadɔwo ƒe nɔnɔme wòade pɛpɛpɛ wu la, wozãa mɔ̃ɖaŋununya si gbɔna.\nLe adzɔge vie tso do si woɖo be woawɔ gbɔ la, woɖea atikpowo ɖe eme, le ƒuƒoƒo siwo me ame eve le me. (agbenyuinɔnɔ). Woblaa ʋuƒowo ɖe wo ŋu le tsia dzi pɛpɛpɛ, eye wohea ka siwo dzi wohea ka ɖo. Dze agbagba nàɖɔ ʋuƒoawo ɖo ɖe ɖoɖo ɖeka nu kple wo nɔewo.\nTo kaawo ʋuʋu me la, wokpɔa dzesi siwo sɔ pɛpɛpɛ. Wogazãa nusiwo wotsɔ ƒu gbe siawo hena strip foundation formwork dede pɛpɛpɛ.\nLevel, theodolite, laser tape dzidzenu alo laser dzidzenu na dɔa le bɔbɔe ŋutɔ.\nDo aɖe kuku.\nNe anyigba gbɔdzɔ alo doa ƒe goglome ɖedzesi aɖe la, lé ŋku ɖe anyigbadɔwo ƒe dedienɔnɔ ŋu etɔxɛe. Le nɔnɔme sia me la, womewɔa doa ƒe gliwo ɖe tsitrenu tututu o, ke boŋ wowɔa wo ɖe tome - be woaxe mɔ ɖe anyigba ƒe sisi nu.\nWokpɔa doa ƒe gliwo kple ete dzi toa doa ƒe kɔkɔme kple ketekemɔ si didi alesi dze dzi.\nGeometry dzi ɖuɖu.\nNe èdi dzogoe si tututu nye dzidzenu 90 la, ayemɔ ɖeka aɖe li. Dzogoe etɔ̃ si ƒe axawo le 3:4:5 metawo ƒe didime (alo kple axa siwo nye xexlẽdzesi siawo ƒe teƒe eve) ƒe dzogoe ɖeka nye dzidzenu 90. Womlɔa dzogoea ƒe akpa ɖeka meta 3, meta 4 le akpa kemɛ, eye ele be teƒeawo dome didime nanye meta 5 pɛpɛpɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/ditch\/","date":"2023-06-06T12:32:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224652569.73\/warc\/CC-MAIN-20230606114156-20230606144156-00005.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984645844,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984645843505859}","num_words":640,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le aɖaka si woatsɔ awɔ picket fence ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nH - gli ƒe kɔkɔme suetɔ kekeake\nY - gli ƒe kɔkɔme si sɔ gbɔ wu\nX - didime si le gota ketekemɔawo ƒe titina dome\nZ - picket ketekemɔ ƒe kekeme\nK - Ketekemɔ siwo le akpaa me ƒe xexlẽme\nD - Ketekemɔwo dome didime\nNe kɔkɔme Y > H\nNe kɔkɔme Y < H","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/arched_fence\/","date":"2023-09-23T03:55:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506479.32\/warc\/CC-MAIN-20230923030601-20230923060601-00470.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998150468,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999815046787262}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.098,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbemeŋutinya\nYehowa Ve Nunye Helé Be Nam\nABE ALESI FAY KING GBLƆE ENE\nDzinyelawo ƒe dɔme fa, gake abe alesi ko wònɔ le ame bubu geɖe gome ene la, wometsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me kura o. Nya siwo nɔnye gblɔna edziedzi enye be: \"Mawu anya nɔ anyi godoo, ne menye nenema o la, ekema amekae wɔ seƒoƒowo kple atiwo?\" Gake afima koe eƒe mawudzixɔse wu enu ɖo.\nFOFONYE ku le ƒe 1939 me esime mexɔ ƒe 11, eye nɔnye gbɔe menɔ le Stockport, si le Manchester ƒe anyiehe tututu, le England. Medina ɣesiaɣi be manya nu tso Wɔla la ŋu eye medea bubu Biblia ŋu vevie togbɔ be nyemenya naneke tso eŋu o hã. Eyata meɖoe be mayi ɖe England Sɔlemeha me akpɔ.\nWoƒe mawunyagbɔgblɔ mewɔ dɔ boo aɖeke ɖe dzinye o, gake esi woxlẽ Nyanyuiawo la, Yesu ƒe nyawo na meka ɖe edzi ɖe kple ɖee be Biblia me nyawo anye nyateƒe. Ne mebu eŋu kpɔ la, ewɔa nuku nam be nyemexlẽ Biblia kpɔ le ɖokuinye si ɣemaɣi o. Emegbe esi xɔlɔ̃ aɖe si tsɔa ɖe le míaƒe ƒomea me nam \"Nubabla Yeye\" si gɔme woɖe wòle bɔbɔe gɔ̃ hã la, nyemenɔ anyi xlẽ o.\nLe nyateƒe me la, Koreatɔwo ƒe Aʋa si dzɔ le ƒe 1950 me na mete tame bubu vevie. Ðe aʋaa akeke ta abe alesi wòdzɔ le Xexemeʋa II me enea? Ne edzɔ alea ɖe, aleke mawɔ awɔ ɖe se si Yesu de be míalɔ̃ míaƒe futɔwo la dzii? Ke hã, ɖe mate ŋu anɔ te anɔ amewo kpɔm woanɔ nye dukɔa dzi dzem eye nyemawɔ naneke atsɔ atɔ te wo oa? Ne edzɔ alea la, ekema afia be mele sisim le nye agbanɔamedziwo nu. Togbɔ be metɔtɔ hã la, meka ɖe edzi be nye biabiawoƒe ŋuɖoɖowo katã le Biblia me, ke hã nyemenya alesi mawɔ ake ɖe wo ŋu loo alo nya afisi makpɔ wo le o.\nNyateƒea Didi le Australia\nLe ƒe 1954 me la, mía kple nɔnye míetso nya me be míaʋu ayi Australia afisi daanye, Jean nɔ. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Jean gblɔ nam be yebia tso Yehowa Ðasefowo si be woava srãm kpɔ elabena yenyae be metsɔa ɖe le Biblia me nyawo me eye medea sɔleme hã. Edi be yeanya alesi mebua woe. Eʋu eme nam be: \"Nyemenya ne woƒe numeɖeɖewo sɔ alo mesɔ ya o, gake woƒe numeɖeɖewo de ŋgɔ wu sɔlemehawo tɔ ya teti.\"\nBill kple Linda Schneider, siwo nye srɔ̃tɔ siwo va srãm kpɔ la nye srɔ̃tɔ nyui aɖewo. Wonɔ woƒe ƒe 60-awo me eye wonye Ðasefowo ƒe geɖe. Wowɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe radiodɔwɔƒe si nɔ Adelaide, eye esi woxe mɔ ɖe dɔa nu le Australia le Xexemeʋa II me la, woge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be Bill kple Linda nɔ kpekpem ɖe ŋunye geɖe hã la, meganɔ subɔsubɔha vovovowo dom kpɔ.\nNye dɔwɔhati aɖe kplɔm yi mawunyagblɔla Billy Graham ƒe kpekpe aɖe me, emegbe mía dometɔ aɖewo kpe kple nunɔla la hebia nya geɖewoe. Mebia biabia ɖeka si nɔ fu ɖem nam: \"Aleke Kristotɔ alɔ̃ eƒe futɔwo ne wòyi ɖawua wo le aʋagbedzi?\" Zi tɔ le ƒuƒoƒoa me tɔwo katã dome—elabena edze ƒã be biabia ma nɔ fu ɖem na wo katã! Nunɔla la tɔ sẽ hegblɔ be: \"Nyemate ŋu aɖo biabia ma ŋu o. Megakpɔtɔ le tame bum tso eŋu.\"\nLe ɣeyiɣi mawo katã me la, nye Biblia sɔsrɔ̃ kple Bill kpakple Linda yi edzi, eye mexɔ nyɔnyrɔ le September 1958 me. Meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ nye nufialawo ƒe kpɔɖeŋu, eyata le ƒe si kplɔe ɖo ƒe August me la, mege ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ɣleti enyi megbe la, wokpem be mava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔ. Dzi dzɔm ale gbegbe esi mese be nɔvinyenyɔnu Jean hã wɔ ŋgɔyiyi le eƒe nusɔsrɔ̃a me eye wòxɔ nyɔnyrɔ!\nMɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Nam\nMenɔ subɔsubɔm le hame siwo le Sydney la dometɔ ɖeka me eye menɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm. Gbeɖeka la medo go England Sɔlemeha ƒe nunɔla aɖe si xɔ dzudzɔ eye mebiae nusi sɔlemea fiana tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu. Togbɔ be egblɔ nam be yefia sɔlemeha la ƒe nufiafia ƒe 50 hã la, eƒe ŋuɖoɖoa wɔ moyaa nam: \"Ele be madi ɣeyiɣi awɔ numekuku tso eŋu elabena nyemanya Biblia abe Yehowa Ðasefowo ene o.\"\nEteƒe medidi o, wote amesiwo alɔ̃ faa kpekpe be woava wɔ subɔsubɔdɔ le Pakistan. Mede asi agbalẽ te be mayi, ke nyemenya kura be womehiã nyɔnu trewo o, negbe ŋutsu trewo alo srɔ̃tɔwo ko. Edze ƒã be wotsɔ nye dɔbiagbalẽvi ɖo ɖe dɔwɔƒegã si le Brooklyn elabena mexɔ lɛta aɖe emegbe si me wotsɔe ɖo ŋkume nam be wohiã ame le Bombay (si woyɔna fifia be Mumbai), le India ne malɔ̃ ayi afima ko. Ƒe 1962 mee. Mewɔ ɖe yɔyɔa dzi eye menɔ Bombay ɣleti 18 hafi ʋu yi Allahabad.\nEma megbe kpuie la, meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ Hindi. Zi geɖe la, alesi woŋlɔ Indiatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ sia kple alesi woyɔa nyawoe sɔ, eyata gbea sese mesesẽ boo o. Ke hã dzi ɖena le ƒonye zi geɖe ne aƒemenɔlawo biam be madoEŋlisigbe boŋ tsɔ wu be manɔ agbagba dzem be mado yewo degbea! Gake medo go nu dodzidzɔnamewo kple gbetɔame siwo dzi nye nuteƒekpɔkpɔ ɖe edzi le dukɔ yeye sia me, eye mekpɔ dzidzɔ geɖe le hadede kple hati Ðasefo siwo tso Australia me.\nLe ƒe siwo do ŋgɔ me la, mebua srɔ̃ɖeɖe ŋu, gake le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa xɔ nye ɣeyiɣiawo katã ale gbegbe be nyemegabua eŋu fũ o. Gake fifia la, megate sese le ɖokuinye me be mehiã na kpeɖeŋutɔ le agbe me. Nyemedi be madzudzɔ nye dutadɔdasia ya o, eyata medo gbe ɖa le eŋu na Yehowa eye meɖee ɖa le susu me.\nYayra aɖe si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm Na O\nEdwin Skinner ye nɔ India ƒe alɔdzedɔwɔƒea dzi kpɔm ɣemaɣi. Eya kple nɔvi nuteƒewɔla bubuwo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass enyilia le ƒe 1946 me, amesiawo dometɔ aɖewoe nye Harold King kple Stanley Jones siwo woɖo ɖe China. * Le ƒe 1958 me la, wode Harold kple Stanley ameɖekɛgaxɔ me kple nutsotso be wole gbeƒã ɖem le Shanghai ta. Edwin ŋlɔ agbalẽ na Harold esime woɖe asi le eŋu le ƒe 1963 me. Harold hã ɖo eŋu nɛ le eƒe tɔtrɔgbɔ tso United States kple Britain va Hong Kong eye wògblɔ didi si nɔ eme be yeaɖe srɔ̃ hã nɛ. Egblɔ na Edwin be yetsɔe de gbedodoɖa me esime yenɔ gaxɔ me, eye wòbia Edwin nenye be enya nyɔnu Ðasefo aɖe si ate ŋu asɔ na ye.\nLe India la, ɖe wotiaa srɔ̃ na ame le srɔ̃ɖeɖe akpa gãtɔ me, eye wobiana tso Edwin si enuenu be wòawɔ ɖoɖo ma, gake ɣesiaɣi la melɔ̃na be ye ŋutɔ yeawɔe o. Eyata etsɔ Harold ƒe lɛtaa na Ruth Mckay, amesi srɔ̃ ŋkɔe nye Homer, si nye dzikpɔla mɔzɔla. Mlɔeba la, Ruth ŋlɔ agbalẽ nam eye wògblɔ nam be dutanyanyuigblɔla aɖe si le nyateƒea me ɣeyiɣi didi la le srɔ̃ dim be yeaɖe, eye wòbiam nenye be madi be maŋlɔ agbalẽ nɛ. Megblɔ amesi ƒomevi nɔviŋutsua nye alo ka nya aɖeke ta tso eŋu nam o.\nNyateƒee wònye be ame aɖeke menya nu le gbe si medo ɖa be makpɔ kpeɖeŋutɔ ŋu o negbe Yehowa ko, eyata medi le gɔmedzedzea me be matu afɔkpo nya ma. Ke hã, zi alesi mebu eŋui la, zi nenemae nye nyametsotsoa me sẽna ɖe edzii be Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si míesusu nu ɣesiaɣi o. Eyata megaŋlɔ agbalẽ na Ruth be ate ŋu agblɔ na nɔviŋutsua be wòaŋlɔ agbalẽ nam zi alesi ema mefia ŋugbedodo be míaɖe mía nɔewo kokoko o ko. Lɛta evelia si tso Harold King gbɔ la nye esi wòŋlɔ nam tẽ.\nHarold ƒe ŋutinya kple fotowo dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazine vovovowo me esi woɖee le gaxɔ me le China vɔ megbe. Va ɖo ɣemaɣi la, wonyae nyuie le xexeame godoo, gake eƒe nuteƒewɔwɔ le teokrasi subɔsubɔdɔ me ŋu nyawoe wɔ dɔ ɖe dzinye. Eyata míeŋlɔa agbalẽ na mía nɔewo hena ɣleti atɔ̃, emegbe meyi ɖe Hong Kong. Míeɖe mía nɔewo le October 5, 1965.\nMí ame evea siaa míedi be míaɖe mía nɔewo ahayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye esi míenɔ tsitsim la, míesee le mía ɖokui me be míehiã mía nɔewo vevie. Meva lɔ̃ Harold vevie, eye esi mekpɔ alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋu hekpɔa kuxi siwo do mo ɖa le subɔsubɔdɔa me gbɔ le dɔmefafa kple ameŋububu me la na mebunɛ vevie. Míese vivi na ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔkpɔkpɔ blibo le ƒe 27 sɔŋ eye Yehowa yra mí geɖe.\nChinatɔwo nye dɔsesẽwɔlawo, eyata melɔ̃a wo vevie. Gbe si wodona le Hong Kong enye Cantonese, si nye Chinagbe aɖe si si gbeɖiɖi vovovowo le wu Mandarin eye esia na esɔsrɔ̃ sesẽna vie. Mía kple Harold míedze míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ gɔme le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea me eye míesubɔ le dukɔa ƒe akpa vovovowo.Ẽ, Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ, gake le ƒe 1976 me la, nye lãme gblẽ vevie.\nTenɔnɔ Ðe Lãmesẽkuxiwo Nu\nƲusisidɔ ɖe fu nam ɣleti ʋɛ aɖewo eye esia wɔe be nye ʋumenugbagbevi ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe. Ele be woawɔ dɔ nam, gake ɖɔkta siwo nɔ kɔadzi gblɔ nam be yewomate ŋu awɔ dɔ nam ʋumazãmazãe o kple susu be nu ava te ŋunye si ate ŋu ana maku. Gbeɖeka esi ɖɔktawo nɔ nu ƒom tso nye nɔnɔmea ŋu la, dɔnɔdzikpɔlawo dze agbagba be yewoana matrɔ susu eye wogblɔ be mele be maku dzodzro nenema o. Wowɔ ɖoɖo be woako ame 12, si me woaɖe fu na ame 10 le le ŋkeke ma dzi, gake mede dzesii be womena nuxɔxlɔ̃ aɖeke funɔ siwo nɔ didim be woaɖe woƒe viwo aƒu gbe la o.\nMlɔeba la, Harold ŋlɔ lɛta ɖo ɖe kɔadzi heɖe wo le nya me be womalé wo ɖe eta ne ɖewohĩ meku tsi eme le esi wowɔ dɔ nam ʋumazãmazãe ta o. Wotsɔm yi amekoxɔa me be woadem alɔ̃ me. Gake mlɔeba la, amedealɔ̃mela la gbe be yemadem alɔ̃ me o eyata woɖe asi le ŋunye le kɔadzi.\nEmegbe míeva kpɔ nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala bubu aɖe. Esi wòde dzesi alesi gbegbe nye lãme gblẽe la, elɔ̃ be yeawɔ dɔ nam le asi bɔbɔe aɖe dzi—zi alesi míeyɔ asia na ame aɖeke o ko. Ewɔ dɔa nam dzidzedzetɔe—eye mezã ʋu aɖeke kuraa o. Yehowa ƒe amenuveve kple belélename dze ƒã na mía kple Harold le ɣeyiɣi sia me ale gbegbe.\nLe ƒe 1992 me la, Harold dze dɔ vevie. Míeʋu yi alɔdzedɔwɔƒea eye wolé be na mí lɔlɔ̃tɔe le afima. Srɔ̃nye lɔlɔ̃a wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔa nu le ƒe 1993 me esime wòxɔ ƒe 81.\nTɔtrɔ Yi England\nDzi dzɔam be menye Hong Kong Betel-ƒomea me tɔ, gake eva nɔ sesẽm nam be manɔ te ɖe dzoxɔxɔa kple fifia si nɔ afima la nu. Ɣemaɣie lɛta aɖe si me nyawo wɔ nuku la tso xexeame ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn va nam be le nye lãmegbegblẽa ta la, matia alɔdzedɔwɔƒe si me lãmesẽ gbɔ kpɔnu geɖe wu le. Eyata megagbugbɔ ʋu yi England le ƒe 2000 me ɖawɔ ɖeka kple Betel-ƒome si le London. Ðoɖo si me lɔlɔ̃ le kae nye esi! Woxɔm lɔlɔ̃tɔe, eye mekpɔa dzidzɔ ɖe nye dɔdasi vovovoawo, siwo dometɔ ɖekae nye Betel-ƒomea ƒe agbalẽdzraɖoƒe si me agbalẽ babla 2,000 le gbɔ kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe.\nMedea ha kple Chinagbe me hame si kpena le London hã, gake le afisia la, nuwo trɔ. Fifia amewo megatsoa Hong Kong vaa afisia tututu o, wotsoa China ŋutɔŋutɔ boŋ. Mandaringbee wodona, eye esia nye gbetɔame yeye aɖe nam le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyatakaka siwo tso dukɔa me godoo ɖee fia be wole Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm kple yunivɛsiti nuwula siwo tso China. Wonye veviedonulawo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒe si srɔ̃m wole ŋu. Dzidzɔe wònye be míakpe ɖe amesiawo ŋu.\nLe nye aƒe yeyea si toɣliɖeɖe mele o me la, mebua dzidzɔgbe si nɔm mele fifia ŋu ɣesiaɣi eye mekpɔa alesi gbegbe Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔe. Edze le nusiwo katã ku ɖe eƒe tameɖoɖowo ŋu me, eye eƒe beléle na esubɔlawo ɖekaɖekae ɖe dzesi ale gbegbe. Susu geɖewo le asinye si tae wòle be mada akpe ɖe lɔlɔ̃ ƒe belélename si wònam la ta.—Petro I, 5:6, 7.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 19 Dutanyanyuigblɔla eve siawo ƒe agbemeŋutinya dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, July 15, 1963, axa 437-42 kple December 15, 1965, axa 756-67 me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nSubɔsubɔ le India\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]\nHarold King le ƒe 1963 me kple esime wònɔ subɔsubɔm le China le ƒe 1950-awo me\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]\nMíaƒe srɔ̃kpekpe le Hong Kong, le October 5, 1965 dzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nMía kple Hong Kong Bethel ƒomea me tɔwo, Liang kple srɔ̃a le titina, Gannaway kple srɔ̃a le ɖusime","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040201\/Yehowa-Ve-Nunye-Hel%C3%A9-Be-Nam\/","date":"2023-12-05T02:44:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100540.62\/warc\/CC-MAIN-20231205010358-20231205040358-00011.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995160103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995160102844238}","num_words":2089,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míekpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nyonyome dzi tso nusiwo wotsɔ wɔe me.59# Cu le lalam na blanking, eye wole lalam be woava zu na connectors dzeani siwo awɔ dɔ nyuie le pneumatic system la me.\nPlastik Nusiwo Wotsɔ Wɔe\nNusiwo woatsɔ awɔ plastic-nuawo.PU, PA, PE tube katã wowɔ kple nu yeye kple dzadzɛ, hã na plastic ŋutilã ƒe fittings, míexɔ nu yeyewo katã.\nCNC Mɔ̃\nCNC mɔ̃wo, kple míaƒe mɔ̃ɖaŋudɔwɔla bibiwo, emegbe ate ŋu awɔ ka ƒe dzidzenu, eye woakpɔ adzɔnuwo ƒe nyonyome dzi le dɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa me.\nPlastik Extruding Mahines\nMíekpɔe wu 10pcs plastik extruding mɔ̃wo, na PU, PA, PE kple mɔ̃wo na braided tube.Nudɔdɔ siwo le tube la dzi, ate ŋu ana OEM subɔsubɔdɔ.\nDodokpɔ Mɔ̃ na fittings\nWozãa fittings na auto mɔ̃wo, ya leakage dodokpɔ kple nyaƒoɖeamenu dzikpɔkpɔ dodokpɔ le vevie ŋutɔ.míewɔ dodokpɔmɔ̃ 5 tsɔ do nusiwo wotsɔ blaa nuawo kpɔ ɖekaɖeka.Le kpɔɖeŋu me, MNSE míedoa throught afã-wu enu nuwɔna, le eƒe dɔwɔwɔ si nye duƒuƒu-ɖoɖo.\nDodokpɔmɔ̃ na Tubingwo\nKu ɖe tubing siwo hã nye akpa vevi aɖe na dɔwɔƒewo ƒe automation ŋu.Menye ɖeko míeɖua nusi wotsɔ wɔe dzi ko o, ke míewɔa dodokpɔa hã be míaka ɖe edzi be ʋuƒoawo ƒe nyonyome le nyonyome nyuitɔ kekeake.\nYaƒoƒo ƒe nuzazãwo wɔa akpa vevi aɖe le yaƒoƒo ƒe ɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le eye wòwɔa dɔ nyuie la wɔwɔ me.Wonye akpa vevi siwo doa ka kple yaƒoƒomɔ̃ vovovowo kple mɔ̃ siwo dzi wokpɔna, si wɔnɛ be woate ŋu awɔ dɔ ɖekae nyuie.Le mɔfiame blibo sia me la, míadzro pneu ƒomevi vovovoawo me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.rypneumatic.com\/ee\/","date":"2023-12-06T23:14:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100626.1\/warc\/CC-MAIN-20231206230347-20231207020347-00429.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9931435585,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9931435585021973}","num_words":253,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àlé Wò Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asia?\nATSUTSRƆE nenie ku etsɔ si va yi? Ame aɖeke menya o, eye ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo koe abu esia ŋu—le esi xevi geɖewo li ta. Gake Yehowa ya tsɔa ɖe le eme. Yesu gblɔ le xevi siawo siwo dze abe ɖee asixɔxɔ mele wo ŋu o na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o.\" Eye wògblɔ kpee be: \"Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.\"—Mateo 10:29, 31.\nEmegbe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va se alesi gbegbe Yehowa dea asixɔxɔ wo ŋue gɔme nyuie wu. Apostolo Yohanes, si nye wo dometɔ ɖeka ŋlɔ bena: \"Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me.\" (Yohanes I, 4:9) Menye tafea koe Yehowa na o ke boŋ eka ɖe edzi na esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe be: \"Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.\"—Hebritɔwo 13:5.\nEdze ƒã be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na esubɔlawo sẽ ŋutɔ. Gake biabiae nye be, 'Ðe míeku ɖe Yehowa ŋu ale gbegbe be míagblẽ eyama ɖi gbeɖegbeɖe oa?'\nAgbagba Siwo Satana Dzena be Yeagblẽ Míaƒe Nuteƒewɔwɔ Me\nEsi Yehowa he Satana ƒe susu yi Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ dzi la, Satana ɖo eŋu dzikutɔe be: \"Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?\" (Hiob 1:9) Nusi fiam wònɔ enye be amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu nɔ te ɖe 'viɖe siwo woate ŋu akpɔ tso eme' koŋ dzi. Ne esia nye nyateƒe la, ekema Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖe asi le eƒe nuteƒewɔwɔ ŋu—ne nusi wòakpɔ la lolo ŋutɔ ko.\nLe Hiob gome la, Satana gblɔ gbã be Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu nu ate ŋu atsi ne eƒe nunɔamesi siwo wòlɔ̃na vevie la dome gblẽ. (Hiob 1:10, 11) Esi vlodoamenya sia meva eme o la, Satana gblɔ be: \"Amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.\" (Hiob 2:4) Togbɔ be nya si Satana gblɔ ate ŋu ava eme le ame aɖewo gome hã la, Hiob gbe be yemaɖe asi le yeƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ŋu o. Ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖo kpe nya ma dzi. (Hiob 27:5; 42:10-17) Nuteƒewɔwɔ ma tɔgbe le asiwòa? Alo ɖe nàna Satana nagblẽ wò nuteƒewɔwɔ mea? De ŋugble le ɖokuiwò ŋu esi míele nyateƒenya aɖewo siwo ku ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu la me dzrom.\nApostolo Paulo xɔe se be Kristotɔ vavã ƒe nuteƒewɔwɔ me ate ŋu asẽ ŋutɔ. Eŋlɔ be: \"Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; . . . eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; . . . alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.\" (Romatɔwo 8:38, 39) Kakaɖedzi ma tɔgbe ate ŋu anɔ mía si ne lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa sẽ. Lɔlɔ̃ ma nye nublanu sẽŋu aɖe si dzi ku kura gɔ̃ hã mate ŋu aɖu o.\nNe ƒomedodo ma tɔgbe le mía kple Mawu dome la, míabia gbeɖe o be, 'Ðe magakpɔtɔ Korintotɔwo II, 4:16-18) Ne míelɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi blibo la, míado ŋukpee gbeɖe o.—Mateo 22:37; Korintotɔwo I, 13:8.anɔ Yehowa subɔm le ƒe ʋɛ siwo gbɔna mea?' Ðikeke sia afia be míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu nɔ te ɖe nusi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le míaƒe agbemeŋkekewo me la dzi. Nudzɔdzɔwo mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe nuteƒewɔwɔ vavãtɔ dzi o. Enɔ te ɖe amesi ƒomevi míenye le ememe dzi. (\nGake ele be míaɖo ŋku edzi be Satana le didim ɣesiaɣi be yeagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me. Ate mí akpɔ be míaƒo mía ɖokui ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, ana ta hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo, alo ana fukpekpe aɖe ƒomevi nana míagbe nyateƒea. Togbɔ be mía ŋutɔwo ƒe blibomademadewo nana Satana te ŋu dzea mía dzi bɔbɔe hã la, xexe si ɖe eɖokui ɖe aga tso Mawu ŋu koŋue nye eƒe kpeɖeŋutɔ vevitɔ le eƒe tameɖoɖoa dzi wɔwɔ me. (Romatɔwo 7:19, 20; Yohanes I, 2:16) Ke hã nu nyui geɖewo le mía si le aʋa sia wɔwɔ me, siwo dometɔ vevi ɖekae nye nyateƒe si wònye be Satana ƒe ayemɔwo mele ɣaɣla na mí o.—Korintotɔwo II, 2:11.\nNukawoe nye Satana ƒe ayemɔwo? Paulo ɖɔ wo le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo me be \"aɖaŋu vɔ̃wo,\" alo \"ayemɔwo.\" (Efesotɔwo 6:11) Satana toa ayemɔwo dzi be yeatsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me. Dzidzɔtɔe la, míate ŋu akpɔ ayemɔ siawo adze sii, esi wònye woŋlɔ Abosam ƒe aɖaŋuawo ɖe Mawu ƒe Nya la me na mí ta. Agbagba si Satana dze be yeagblẽ Yesu kple Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe mɔ siwo dzi wòdina be yeato agblẽ Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me la dometɔ aɖewo fia.\nWomete Ŋu Gblẽ Yesu ƒe Nuteƒewɔwɔ Me O\nLe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi la, dzi nɔ Satana ƒo wòte Mawu ƒe Vi la kpɔ gblɔ nɛ tẽ be wòatrɔ kpe wòazu abolo. Ayedzedze kae nye esi! Ŋkeke 40 sɔŋ enye ma si Yesu meɖu nu o, eyata ɖikeke mele eme o be dɔ nɔ ewum vevie. (Luka 4:2, 3) Satana doe ɖe Yesu gbɔ be wòaɖi kɔ na eƒe dzɔdzɔme dzodzroa enumake, le mɔ si tsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu nu. Nenema kee egbea la, xexeame ƒe ameflunyawo dea kɔɖiɖi na ame ƒe dzodzrowo enumake ƒe dzi ƒo, emetsonuawo ŋu mabumabu boo alo wo ŋu mabumabu kura. Nya si wogblɔna enye si be, 'Ele be wòasu asiwò fifia,' alo kpuie ko be 'Wò ya wɔe ko!'\nNe ɖee Yesu ɖi kɔ na dɔ si nɔ ewum vevie emetsonuawo ŋu mabumabui la, anye ne Satana kpɔ dzidzedze le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me gbegblẽ me. Yesu tsɔ gbɔgbɔmeŋkuwo kpɔ nuawoe, heɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: \"Woŋlɔ ɖi bena: 'Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o.' \"—Luka 4:4; Mateo 4:4.\nEmegbe Satana trɔ eƒe aɖaŋua. Abosam ɖe Ŋɔŋlɔawo, si me Yesu yɔ nyawo tsoe la, me bubui hede dzi ƒo na Yesu be wòadzo tso gbedoxɔa ƒe tsutsuẽƒe. Satana gblɔ be: 'Mawudɔla aɖe axe wò.' Susu aɖeke menɔ tame na Yesu be yeabia ametakpɔkp�� nukutɔe ƒe ŋusẽ ye Fofo atsɔ ahe amewo ƒe susu ava eɖokui dzi ko o. Mateo 4:5-7; Luka 4:9-12.Yesu gblɔ be: \"Megate Aƒetɔ, wò Mawu la kpɔ o!\"—\nAyemɔ mamlɛ si Satana zã ya nɔ tẽ wu. Ete kpɔ be yeaƒo asi kple Yesu to xexeame katã kple eƒe ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ nɛ nenye be wòadze klo ade ta agu zi ɖeka pɛ ko na ye. Nusiwo katã nɔ Satana sie wòdi be yeatsɔ nɛ. Gake aleke Yesu ade ta agu na Fofoa ƒe futɔ gãtɔ? Mawɔ ema gbeɖe o! Yesu ɖo eŋu be: \"Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.\"—Mateo 4:8-11; Luka 4:5-8.\nEsi Satana do kpo nu le agbagba etɔ̃ mawo dzedze me la, 'ete ɖa le Yesu gbɔ vaseɖe ɣeyiɣi nyui bubu dzi.' (Luka 4:13) Esia fia be Satana yi edzi nɔ mɔnu dim ɣesiaɣi be yeado Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ. Ɣeyiɣi nyuia va le ƒe eve kple afã megbe esime Yesu te eƒe nusrɔ̃lawo dzadzra ɖo ɖe eƒe ku si gogo la ŋu. Apostolo Petro gblɔ be: \"Mawu nehe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!\"—Mateo 16:21, 22.\nÐe wòate ŋu adzɔ be aɖaŋuɖoɖo ma si dze abe susu nyui le eme ene gake wònye vodada la adzɔ dzi na Yesu, vevietɔ esi wònye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae gblɔe ta? Yesu dze sii enumake be Satana ƒe didiwoe dze le nya mawo me, ke menye Yehowa tɔ o. Kristo ɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: \"Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.\"—Mateo 16:23.\nLe lɔlɔ̃ sẽŋu si nɔ Yesu si na Yehowa ta la, Satana mete ŋu gblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Naneke meli si Abosam tsɔ ɖo Yesu ŋkume, eɖanye tetekpɔ ka ke o, alekee ke wòɖa sẽe o, mete ŋu gblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ na Fofoa si le dziƒo me o. Ðe tameɖoɖo kplikpaa ma tɔgbi anɔ mía si ne nɔnɔmewo na míaƒe nuteƒewɔwɔ sesẽ na mía? Hiob ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe mía ŋu míase kuxi siwo míate ŋu ado goe la me nyuie wu.\nNuteƒewɔwɔ le Nɔnɔme Sesẽwo Me\nAbe alesi Hiob kpɔe ene la, nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ava mía dzi ɣesiaɣi. Enye srɔ̃ŋutsu kpɔdzidzɔ si si vi ewo nɔ eye wòtsɔa ɖe le gbɔgbɔmenyawo me ɣesiaɣi. (Hiob 1:5) Gake Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu va zu nyaʋiʋli le dziƒoʋɔnu le eƒe manyamanya me, eye Satana ɖoe kplikpaa be yeato mɔ sia mɔ si yeate ŋui dzi agblẽ nu le eŋu.\nEmegbe kpuie la, Hiob ƒe kesinɔnuwo bu. (Hiob 1:14-17) Ke hã Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ nɔ te ɖe dodokpɔa nu elabena meɖo ŋu ɖe ga ŋu gbeɖe o. Esi Hiob ɖo ŋku esime wònye kesinɔtɔ dzi la, egblɔ be: \"Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, . . . ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, . . . ekema esia hã anye se me dzedze; . . . elabena meda alakpa na Mawu le dzi.\"—Hiob 31:24, 25, 28.\nEgbea la, ate ŋu adzɔ be nusianu si le mía si la katã kloe nabu le zã ɖeka me. Wofi asitsala aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ga gbogbo aɖe, si na wòɖu agba keŋkeŋ kloe. Egblɔ anukwareɖiɖitɔe be: \"Mexɔ dzidɔ kloe. Le nyateƒe me, ne menye ƒomedodo si le mía kple Mawu dome yee o la mebu be anye ne mexɔe. Ke hã nudzɔdzɔ sia na mekpɔ nyateƒe si wònye be gbɔgbɔmenuwo menɔ nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me o la dze sii. Gadidi ƒe dzodzro vu tsyɔ nusianu dzi.\" Tso ɣemaɣi la, Ðasefo sia ɖe eƒe asitsanyawo dzi kpɔtɔ, eye wowɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi, zãa gaƒoƒo 50 alo esi wu nenema ɣleti sia ɣleti le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Gake kuxi bubuwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie wu ame ƒe kesinɔnu siwo abu.\nHiob mekpɔ nya nusi wòawɔ le eƒe kesinɔnu siwo dome gblẽ ŋu o hafi wova gblɔ nɛ be via ewoawo ku. Gake egblɔ be: \"Woakafu Yehowa ŋkɔ!\" (Hiob 1:18-21) Ðe míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ne míaƒe ƒomea me tɔ geɖewo ku zi ɖekaa? Francisco, si nye Kristotɔ hamemegã le Spain, ƒe vi eve ku le ʋufɔku wɔnublanui aɖe me. Ekpɔ akɔfafa to tete ɖe Yehowa ŋu kple eƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi me.\nLe Hiob ƒe viwo ƒe ku ƒodzidziamea megbe gɔ̃ hã la, eƒe fukpekpea metɔ ɖe afima o. Hiob 2:9,10) Menye eƒe ƒomea ƒe kpekpeɖeŋu dzie eƒe nuteƒewɔwɔa nɔ te ɖo o, ke ɖe ƒomedodo si nɔ eya kple Yehowa dome dzi.Satana kplɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si vena ŋutɔ la ƒui. Ɣemaɣi tutu me la, Hiob xɔ aɖaŋuɖoɖo gbegblẽ aɖe tso srɔ̃a gbɔ. Eƒoe ɖe enu be: \"Gbe Mawu, ne naku!\" Hiob ŋe aɖaba ƒu eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye \"mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.\" (\nFlora, amesi srɔ̃ŋutsu kple viaŋutsu tsitsitɔ gbe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔa ƒe ewo kple edzivɔ enye esi la, se seselelãme si me Hiob anya to la gɔme. Egblɔ be: \"Ne wò ƒomea me tɔwo gbe wò zi ɖeka kpoyi la, dzi te ŋu gbãna na ame. Gake menyae be nyemakpɔ dzidzɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa godo o. Eyata menɔ te sesĩe hetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ eye le ɣeyiɣi ma ke me la, menɔ agbagba dzem be makpɔtɔ anye srɔ̃nyɔnu kple vidada nyui. Medoa gbe ɖa ɣesiaɣi, eye Yehowa do ŋusẽm. Menye amesi le dzidzɔ kpɔm elabena, togbɔ be srɔ̃nye ɖoe kplikpaa be yeatsi tre ɖe ŋunye hã la, mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.\"\nAyemɔ si Satana gazã ɖe eyome be yeatsɔ agblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔa me enye eƒe zɔhɛ etɔ̃awo. (Hiob 2:11-13) Aleke wòado nuxaxa nɛ enye esi esime wote fɔbubui. Ne ɖee wòlɔ̃ ɖe woƒe nyahehewo dzi la, anye magaka ɖe Yehowa Mawu dzi o. Woƒe aɖaŋuɖoɖo ɖedzileameƒoa ate ŋu agbã dzi nɛ ahagblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me, eye wòana Satana ƒe tameɖoɖo nava eme.\nGake Hiob gblɔ dzinɔameƒotɔe be: \"Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.\" (Hiob 27:5) Megblɔ be 'Nyemaɖe mɔ miana masẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu o!' Hiob nyae be yeƒe nuteƒewɔwɔa nɔ te ɖe ye ŋutɔ kple lɔlɔ̃ si le ye si na Yehowa dzi.\nAyemɔ Xoxo si Wòtsɔ Léa Ame Yeyewoe\nSatana gakpɔtɔ wɔa xɔlɔ̃wo kple haxɔsetɔwo ƒe aɖaŋu alo nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ŋudɔ. Dziɖeleameƒo si tsoa hamea me la ate ŋu aɖe míaƒe kakaɖedzi dzi akpɔtɔ bɔbɔe wu yometiti si atso egodo. Kristotɔ hamemegã aɖe si nye asrafo si de aʋa kpɔ la tsɔ aʋa siawo sɔ kple veve si wòse le hati Kristotɔ aɖewo ƒe nyagbɔgblɔ eŋumabumabui kple nuwɔna aɖewo ta la. Egblɔ tso nyagbɔgblɔ eŋumabumabuiŋu be: \"Eyae nye nu sesẽtɔ si me meto kpɔ.\"\nLe go bubu me la, haxɔsetɔwo ƒe blibomademade ate ŋu ado dziku na mí ale gbegbe be míadzudzɔ nuƒoƒo na ame aɖewo alo ate Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dada ɖe eme gɔ̃ hã. Akɔfafa kpɔkpɔ azu nusi le vevie wu na mí. Gake nublanuinya kae nye si wòanye be ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nukpɔsusu nasu mía si ahaɖe mɔ nusi ame bubuwo wɔna alo gblɔna nagbɔdzɔ míaƒe nu xɔasitɔ kekeake—míaƒe ƒomedodo kple Yehowa—me. Ne míeɖe mɔ ema dzɔ la, Satana ƒe ayemɔ xoxoawo dometɔ ɖeka alé mí.\nEme kɔ ƒã be míedia dzidzenu kɔkɔwo le Kristo-hamea me. Gake ne míedia nusi gbɔ eme tso hati tadeagula, siwo gakpɔtɔ nye ame madeblibowo si la, míado kpo nu godoo. Yehowa ya dana sɔna le nusi wòbiana tsoa esubɔlawo si ŋu. Ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu la, míate ŋu anɔ te ɖe woƒe blibomademadewo nu. (Efesotɔwo 4:2, 32) Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu sia be: \"Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o!\"—Efesotɔwo 4:26, 27.\nAbe alesi Biblia ɖee fia eme kɔ ƒãe ene la, Satana zãa ayemɔ vovovowo kple susu be—ne yeate ŋui la—yeake ɖe alesi yeawɔ agblẽ Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me ŋu. Eƒe aɖaŋuawo dometɔ aɖewo dzroa nuvɔ̃ŋutilã la, bubuwo hea vevesese vɛ. Le numedzodzro sia me la, àte ŋu kpɔ nusitae mele be nàɖe mɔ wòalé wò le vome gbeɖe o. Esi lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu la sẽ le wò dzi me ta la, ɖoe kplikpaa be yeana Abosam nanye alakpatɔ eye nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11; Yohanes 8:44) Ðo ŋku edzi be, mele be Kristotɔ vavã ƒe nuteƒewɔwɔ me nagblẽ o, tetekpɔ ka kee ɖatso mɔ na mí o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020815\/%C3%80l%C3%A9-W%C3%B2-Nute%C6%92ew%C9%94w%C9%94-Me-%C3%90e-Asia\/","date":"2023-11-29T12:48:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100081.47\/warc\/CC-MAIN-20231129105306-20231129135306-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965623617,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965623617172241}","num_words":2342,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuxaxa Si Nu Sẽ Henɔa Anyi Eteƒe Didina\nNYITSƆ laa la, numekula aɖe wɔ numekuku be yeanya ale si ame siwo ame vevi aɖe ku na la ƒe nuxaxaawo nɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Eŋlɔ nyabiase aɖewo ɖe agbalẽvi dzi ɖo ɖe dzila siwo vi ku na ƒe geɖewoe nye esi va yi la. Menye dzila siawo katãe ɖo nyabiaseawo ŋu o. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Vladimir, si ƒe viŋutsu ku ƒe atɔ̃e nye esia la, gblɔ be va se ɖe fifia la, nuƒoƒo tso ye viŋutsua ŋu nyea nu si sesẽna na ye hegbãa dzi na ye ale gbegbe. *\nNuxaxa ma tɔgbi si nɔa anyi eteƒe didina la ɖea fu na dzila siwo vi ku na la. William, si viŋutsu si xɔ ƒe 18 eye tsi lée wòku ƒe ewoe nye esia la ŋlɔ bena, \"Megakpɔtɔ le nu xam le vinyea ƒe ku ta va se ɖe fifi, eye zi ale si mele agbe la, nye nuxaxa sia nu mayi o.\" Ƒe atɔ̃ sɔŋ le esi dɔléle aɖe va dze Lucy viŋutsu dzi le vome wòku megbe la, eŋlɔ bena: \"Le ŋkeke ʋɛ gbãtɔawo me la, menɔa gbɔgblɔm na ɖokuinye be, 'Nyemexɔe se o.' Mese le ɖokuinye me abe drɔ̃e baɖa aɖe kumee menɔ ene, eye be eteƒe madidi o manyɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva te ekpɔkpɔ dze sii be nu ŋutɔŋutɔe wònye dzɔ, eye be megale gbɔgbɔ ge ava aƒe me o. Vinye ŋutsua ku ƒe atɔ̃e nye esia, ke hã, ne nye ɖeka meli ɣeaɖewoɣi la, megafaa eƒe avi kokoko.\"\nNu ka tae dzila siwo vi ku na, abe Vladimir, William, kple Lucy ene, gakpɔtɔ xaa nu vevie eye woƒe vevesesea nu gbea tsotso? Mina míade ŋugble tso susu siwo tae dometɔ aɖewo ŋu.\nNu Ka Tae Woxaa Nu Nenema Gbegbe Ðo?\nNe wodzi vidzĩ aɖe le ƒome aɖe me la, ale si edzilawo sena le wo ɖokui me la nɔa etɔxɛe heto vovo kura tso seselelãme bubu ɖe sia ɖe si amegbetɔwo dome ƒomedodo hena vɛ la gbɔ. Wo vi suea kɔkɔ ɖe asi, ekpɔkpɔ wòadɔ alɔ̃, alo eƒe alɔgbɔnukoko dzidzɔtɔe ɖeɖe dzaa hea dzidzɔ kple dzidzeme manyagblɔ aɖe vɛ na edzilawo. Dzila lɔ̃amewo melɔ̃a nu le wo viwo gbɔ o. Wohea wo be woawɔ nu si sɔ eye be woava zu ame ɖɔʋuwo. (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 11) Ne ɖeviawo va le tsitsim hele gbe sem na wo dzilawo la, enyea dzidzɔ na wo eye mɔkpɔkpɔ nyuiwo va nɔa wo si ɖe wo viawo ŋu.\nDzila siwo léa be na wo viwo la wɔa dɔ kutrikukutɔe be yewoakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wonɔa ga dzram ɖo alo ƒoa ŋutilãmenunɔamesiwo nu ƒu be yewoate ŋu akpe ɖe yewo viawo ŋu be woate ŋu Korintotɔwo II, 12:14) Nu siwo gbegbe me dzilawo tona le seselelãme gome, le kutrikuku gome, le ɣeyiɣi kple ga zazã gome le wo viwo nyinyi me la katã na nyateƒenya sia dze ƒãa be—dzilawo nyia wo viwo be woanɔ agbe, ke menye be woaku o. Eya ta ne ɖevi aɖe ku la, dɔ siwo gbegbe enyinyi be wòatsi lɔ ɖe eme la tsia akpo dzi, eye mɔkpɔkpɔ si le edzilaawo si ɖe eyama ŋu la nu yina. Esia wɔnɛ be vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ si dzilaawo ɖena fiana ɖevia la nu tsona, eye ku va zu abe glikpɔ sesẽ aɖe ene tso wo dome. Teƒe vevi si viŋutsu alo vinyɔnu ma xɔ le edzilawo ƒe dzime tsã la va ɖi ƒuƒlu azɔ. Nuxaxa si nu metsona bɔbɔe o la va xɔa dzila siawo me vevie.ava ɖo woa ŋutɔwo ƒe ƒome anyi le etsɔme. (\nBiblia ɖo kpe edzi be dzila siwo vi ku na la xaa nu vevie eye woƒe vevesesewo nɔa anyi ɣeyiɣi didi. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nu si dzɔ esime blemafofo Yakob se be ye viŋutsu Yosef ku ŋu la, egblɔ be: \"Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wòfa konyi na via ŋkeke geɖewo. Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe; ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ.\" Le ƒe geɖewo megbe la, Yakob gakpɔtɔ nɔ nu xam le via ŋutsu sia si wòsusu be eku la ta. (Mose I, 37:34, 35; 42:36-38) Biblia me kpɔɖeŋu bubue nye esi ku ɖe nyɔnu wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Naomi, ame si viŋutsu eve ku na la ŋu. Esi nuxaxa gbã dzi nɛ vevie ta la, edi be yeatrɔ yeƒe ŋkɔ Naomi, si gɔmee nye \"Nu Si Nyo Ŋunye,\" wòazu Mara, si gɔmee nye \"Nublanuitɔ.\"—Rut 1:3-5, 20, 21.\nKe hã, menye nuxaxa si me dzila siwo vi ku na tona la ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso ale si Yehowa doa ŋusẽ ame siwo le woƒe ame veviwo ƒe ku fam la hã ŋu. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro mɔ siwo dzi Mawu tona faa akɔ na konyifalawo la dometɔ aɖewo me.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070501\/Nuxaxa-Si-Nu-S%E1%BA%BD-Hen%C9%94a-Anyi-Ete%C6%92e-Didina\/","date":"2023-12-09T01:07:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100781.60\/warc\/CC-MAIN-20231209004202-20231209034202-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983000159,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983000159263611}","num_words":807,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anyigba Mawɔnu Tɔtrɔ Wòazu Anyigba Wɔnu\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE INDIA GBƆ\nAleke woawɔ Ladakh-nyigba mawɔnu si le India ƒe dziehe nutome wòazu anyigba wɔnu? Nyabiabia ma ɖu ta na Tsewang Norphel si nye mɔdodoɖaŋunyala aɖe si xɔ dzudzɔ. June mee tsi siwo tsana tsoa Himalaya-towo tame sno siwo zu tsikpe gãwo me la dzea egɔme le, ke menye April me si tsi medzana nyuie o eye agbledelawo nɔa tsi dim be yewoade yewoƒe agblemenuwo la o. Norphel do susu nyui aɖe ɖa: Be woawɔe tsikpeawo naɖiɖi va agame, afisi woate ŋu atrɔ zu tsi le le ɣleti siwo ado ŋgɔ me le ƒea me.\nIndiatɔwo ƒe magazine The Week gblɔ be Norphel kple eƒe amewo ɖe tsimɔ gã si didi meta 200 eye wotrɔ mɔ na toa dzi tɔsisi aɖe wòto eme; woɖe tsimɔ suesue 70 bubuwo ɖe tsimɔ gã la ŋu. Tsimɔ siawo me tsi anɔ tsatsam vivivi eye womagaɖi abu sesĩe tso toawo dzi o, si ana woazu tsikpe hafi ava aɖo kpe siwo woɖo wòzu glikpɔ si le toa ƒe agunu gbɔ. Ʋɛʋɛʋɛ la, tsikpeawo va lia kɔ ɖe glikpɔa ŋu eye wotsyɔa edzi mlɔeba. Esi tsikpea le afisi toa ɖoa vɔvɔli ɖo ta la, le April me, esime dzoxɔxɔ nu sẽna koe tsikpea zua tsi ale be wònaa tsi agbledela siwo hiã nɛ vevie.\nÐe ame ŋutɔ ƒe tsikpewɔwɔ ƒe susu si wodo ɖa la dze edzia? Le nyateƒe me, susu si Norphel do ɖa la sɔ ale gbegbe be wowɔ tsikpexaɖoƒe mawo tɔgbe ewo xoxo ɖe Ladakh, eye wogale ɖoɖo wɔm ɖe bubuwo ŋu. Wote ŋu kpɔa tsi si ade lita miliɔn 34 le tsikpexaɖoƒe siawo dometɔ ɖeka si wotu ɖe toa ƒe afisi ƒe kɔkɔmee nye meta 1,372 la me. Ho nenie wogblẽna ɖe eŋu? The Week la gblɔ be: \"Tsikpexaɖoƒe tutu xɔna abe ɣleti eve ene eye wozãa ga Rs 80,000 [$1,860], si ƒe akpa gãtɔ nyea ga si woxena na dɔa wɔlawo la ɖe eŋu.\"\nÐikekemanɔmee la, ete ŋu ɖea vi geɖe ne wozã amegbetɔ ƒe sidzedze ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu. Bu nusiwo ameƒomea ate ŋu awɔ le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe mɔfiafia te ŋu kpɔ ko. Biblia do ŋugbe be: \"Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. . . . Tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.\" (Yesaya 35:1, 6) Dzidzɔ kae nye si wòanye be nàkpɔ gome le atsyɔ̃ɖoɖo na anyigba la ƒe dɔ sia me!\n[Picture Credit Lines on page 31]\nMountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.\nArvind Jain, The Week Magazine","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010408\/Anyigba-Maw%C9%94nu-T%C9%94tr%C9%94-W%C3%B2azu-Anyigba-W%C9%94nu\/","date":"2023-12-06T06:51:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100583.31\/warc\/CC-MAIN-20231206063543-20231206093543-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990903139,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999090313911438}","num_words":413,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woke Ðe Nu Xɔasi Ɣaɣlawo Ŋu\nÈKE ɖe nu xɔasi ɣaɣla aɖe ŋu kpɔ le teƒe aɖe si mènɔ mɔ kpɔm na oa? Esia dzɔ ɖe Ivo Laud, Yehowa Ðasefo aɖe si le Estonia la, dzi le March 27, 2005 dzi. Enɔ kpekpem ɖe ehati Ðasefo tsitsi Alma Vardja ŋu be woakaka nudzraɖoƒexɔ sue xoxo aɖe. Esi wonɔ nu siwo wotsɔ ɖo xɔa ŋu le egodo la ɖem ɖa la, wokpɔe be wotsɔ ʋuƒo gbabɛ aɖe tre sɔtiawo dometɔ ɖeka ƒe akpa ɖeka. Esi woɖe ʋuƒo gbabɛa ɖa la, wokpɔe be woɖe do ɖe sɔtia me. Doa ƒe kekeme nye sentimeta 10, eƒe didime nye meta 1.2, eye eƒe goglome nye sentimeta 10, eye wotsɔ ati bubu aɖe si sɔ kple doa pɛpɛpɛ la tsyɔ edzi. (1) Woɣla nu xɔasiwo ɖe doa me! Nu kawoe nye nu xɔasi mawo? Ame kae ɣla wo ɖe afi ma?\nWokpɔ nu bablɛ gbogbo aɖewo siwo wobla nyuie ɖe pepa titriwo me le doa me. (2) Yehowa Ðasefowo ƒeagbalẽwoe le wo me, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyatiwo; wota wo dometɔ aɖewo le keke ƒe 1947 me ke. (3) Wotsɔ asi ŋlɔ wo beléletɔe ɖe Estoniagbe me. Nu siwo woŋlɔ ɖe nu bablɛ siawo dometɔ aɖewo me na wote ŋu nya ame si tsɔ nuawo ɣla. Nuŋlɔɖi mawo ku ɖe ale si wobia gbe Alma srɔ̃, Villem Vardja, la ŋu. Ƒe siwo wòtsɔ nɔ gaxɔ me la hã ŋuti nuŋlɔɖiwo nɔ nu siwo ŋu woke ɖo la me. Nu ka tae wodee gaxɔ me?\nVillem Vardja nye Ðasefo aɖe si nɔ agbanɔamedzinɔƒe le Tartu Hamea me, eye wòva subɔ emegbe le Otepää Hame si nɔ Estonia, si nye dukɔ siwo ƒo ƒu wɔ Soviet Union si nɔ anyi tsã dometɔ ɖeka, la me. Anɔ eme be esrɔ̃ Biblia me nyateƒea ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na Xexemeʋa II. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe le December 24, 1948 dzi la, Kɔmiunist dziɖuɖua na wolé Nɔviŋutsu Vardja ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ta. Adzamekpovitɔwo bia gbee hewɔ funyafunyae esi wonɔ agbagba dzem be yewoaƒoe ɖe enu wòaʋu go eƒe haxɔsetɔwo ƒe ŋkɔwo na yewo. Wogbe be yewomaɖe mɔ nɛ wòaʋli eɖokui ta le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, eye woka ƒe ewo nɛ be wòanɔ ga me le Russiatɔwo ƒe asaɖa me.\nNɔviŋutsu Villem Vardja wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe eƒe kugbe le March 6, 1990 dzi. Srɔ̃a menya kura be eɣla agbalẽ aɖewo ɖe afi aɖeke o. Anye be esi Nɔviŋutsu Vardja di be yeakpɔ ye srɔ̃a ta ne eva dzɔ be kpovitɔwo va le gbe biamee tae. Nu ka tae wònɔ nɛ be wòaɣla agbalẽawo ɖo? Eɣla wo le esi adzamekpovitɔ siwo woyɔna be Soviet Dziɖuɖua ƒe Dedienɔnɔ Gbɔkpɔkɔmiti, KGB la, va kaa Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo me le vo me henɔa subɔsubɔgbalẽwo dim ta. Anɔ eme be Nɔviŋutsu Vardja ɣla agbalẽawo ale be eƒe haxɔsetɔwo nakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ne eva dzɔ be KGB la xɔ agbalẽawo katã le wo si. Do ŋgɔ na esia la, woke ɖe agbalẽ ɣaɣlawo ŋu le teƒe bubuwo le ƒe 1990 ƒe dzomeŋɔli. Woke ɖe wo dometɔ aɖe ŋu le Tartu, le Estonia ƒe anyiehe. Villem Vardja kee ɣla esia hã.\nNu ka tae míele agbalẽ siawo yɔm be nu xɔasiwo ɖo? Elabena agbalẽ siawo siwo wotsɔ asi ŋlɔ kutrikukutɔe heɣla nyuie alea la ɖe ale si Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo su wo si ɣemaɣi ŋu la fia nyuie. (Mat. 24:45) Èkpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo sua asiwò egbea le miaƒe hamea me la ŋua? Gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo dometɔ ɖekae nye Gbetakpɔxɔ si le Estoniagbe kple gbegbɔgblɔ bubu siwo wu 170 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090815\/Woke-%C3%90e-Nu-X%C9%94asi-%C6%94a%C9%A3lawo-%C5%8Au\/","date":"2023-11-30T21:50:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100232.63\/warc\/CC-MAIN-20231130193829-20231130223829-00559.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998773694,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987736940383911}","num_words":575,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Ana Nàkpɔ Dzidzeme Le Agbe Me?\nKENNY wɔa dɔ le dɔwɔƒe xɔŋkɔ aɖe si dɔa adzɔnuwo na asitsalawo, dutaʋu xɔasi aɖe le esi, eye wòle aƒe nyui aɖe si wotu ɖe dziƒoxɔ aɖe tame le dugã aɖe ƒe akpa si kesinɔtɔwo nɔna la me. Esi wòbi ɖe dzodzo tso yameʋu me ƒe fefewɔwɔ me ta la, kpotiti tso yameʋu si le ya me ʋĩ ke me doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Ðe eƒe dzi dze emea? Le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal ƒe nya nu la, egblɔ be: \"Nyee nye esi, fifia mexɔ ƒe 45, eye etsɔme vavã aɖeke mele asinye o . . . Viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o.\"\nElyn ku kutri vevie be yeazu snodzihoʋlila xɔŋkɔ. Eva zu snodzihoʋlila xɔŋkɔ aɖe mlɔeba. Elyn xɔ ŋkɔ abe ale si wòdii ene. Gake efa konyi be: \"Ke afi kae dzidzɔkpɔkpɔ siwo katã menɔ mɔ kpɔm na la le?\" Egagblɔ be: \"Metsi akogo ŋutɔ. Mava ku nyagã mlɔeba, eye togbɔ be ga gbogbo aɖe le asinye hã la, nye agbe aɖi gbɔlo ŋutɔ nenye be taɖodzinu sia koe le nye agbe ŋu.\"\nHideo xɔ ŋkɔ le nutata me ale gbegbe, etsɔ eƒe agbe katã ke na dɔ sia wɔwɔ. Medzraa eƒe nutatawo o; esusui be wo dzadzra aɖe asixɔxɔ si le yeƒe nutata ŋu dzi akpɔtɔ. Le eƒe agbe ƒe nuwuwu lɔƒo esi wòxɔ ƒe 98 la, etsɔ eƒe nutata akpa gãtɔ wɔ nunanae na blemanudzraɖoƒe aɖe. Etsɔ eƒe agbe ɖo anyi hena nutata. Ke hã, mekpɔ dzidzeme o, esusui be ele be yeanɔ anyi ɖaa hafi yeate ŋu ata nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke manɔ o.\nAme aɖewo va ƒo wo ɖokuiwo ɖe kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me vevie. Le kpɔɖeŋu me, bu sinima dɔwɔƒe aɖe si le Hollywood la ƒe amegã aɖe ŋu kpɔ. Esi wònye sinima dɔwɔƒe gãtɔ siwo le United States dometɔ ɖeka ƒe dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ta la, ede ha kple sinima wɔla xɔŋkɔwo eye wònɔ dugã aɖe ƒe akpa si aƒe nyuiwo le me. Esi wòyi mɔkeke le Cambodia eye wònɔ nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe le fiadua, Phnom Penh, me la nyɔnuvi aɖe te ɖe eŋu henɔ ga biamee. Etsɔ dɔlar ɖeka kple aha vivi ɖeka nae. Dzi dzɔ nyɔnuvia ŋutɔ. Ke hã, egava afi ma ake le zã si kplɔe ɖo me ganɔ nu biam. Ŋutsua de dzesii be nu geɖe hiã wu gotagome kpekpeɖeŋu vi aɖe nanae ko.\nƑe ɖeka megbe la, amegã sia ɖoe be yemagawɔ dɔ le sinima dɔwɔƒea o, ke boŋ yeayi aɖana kpekpeɖeŋu ame dahewo le Cambodia. Eɖo suku aɖe si me wofiaa nu sukuviawo henaa xɔdɔme kple nuɖuɖu wo le. Ke hã, enɔa avu wɔm kple seselelãme siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu madzudzɔmadzudzɔe. Ekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le nu siwo wɔm wòle la ŋu, gake mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dziɖeleameƒo le kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi siwo wòle be wòakpe akɔ kple la ɖea fu nɛ.\nAme ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa la katã susui be yewonya taɖodzinu si nɔ yewo si le agbe me. Ke hã, esime wova ɖo taɖodzinu si ta woku kutri ɖo vevie la gbɔ gɔ̃ hã la womekpɔ dzidzeme o. Nu kae nye nu vevitɔ na wò le agbe me? Nu kae nèɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Èka ɖe edzi be ale si nèle agbe nɔmee fifia mava ve wò le etsɔme oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071115\/Nu-Kae-Ana-N%C3%A0kp%C9%94-Dzidzeme-Le-Agbe-Me\/","date":"2023-12-05T19:05:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100555.27\/warc\/CC-MAIN-20231205172745-20231205202745-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983513355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983513355255127}","num_words":555,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Liberia—Fiaɖuƒedɔa ƒe Dzidziɖedzi Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Li Hã\nDUKƆMEVIƲA si nu womete ŋu le lélem o le edzi yim le Liberia ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Kaka ƒe 2003 ƒe domedome naɖo la, asrafo aglãdzelawo ƒe aʋa si wɔm wonɔ la ɖo fiadua, Monrovia, me. Esia zi Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe dzi be woasi adzo ɣeaɖewoɣi le woƒe aƒewo me enuenu. Woha amewo ƒe nunɔamesiwo enuenu.\nNublanuitɔe la, wowu ame akpe geɖe le aʋa si yi edzi le fiadua me la me. Nɔviŋutsu ɖeka kple nɔvinyɔnu ɖeka nɔ amesiwo wowu la dome. Aleke nɔvi bubuwo wɔ nɔ te ɖe fukpekpea nui, eye kpekpeɖeŋu kae wona wo?\nKpekpeɖeŋu Nana Amesiwo Hiã Tu\nLe xaxaɣeyiɣi ma katã me la, Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le Liberia wɔ ɖoɖo kpe ɖe amesiwo hiã tu la ŋu. Wona nuɖuɖu, aƒemenuzazã veviwo, kple atikewo wo. Esime asrafo aglãdzelaawo xe mɔ ɖe melidzeƒe si le dua me nu la, nuɖuɖu kpɔkpɔ va nɔ sesẽm. Alɔdzedɔwɔƒea kpɔ esia do ŋgɔ eyata wowɔ ɖoɖo ale be nu vevi siwo ahiã Ðasefo akpe eve siwo si yi Fiaɖuƒe Akpatawo me le dugãa me godoo la su wo si. Nɔviawo ma nuɖuɖua ale gbegbe be nuwo nɔ anyi wonɔ zazãm vaseɖe esime wogbugbɔ ʋu melidzeƒea. Alɔdzedɔwɔƒe siwo le Belgium kple Sierra Leone tsɔ atikewo de yameʋu ɖo ɖa, eye alɔdzedɔwɔƒe siwo le Britain kple France de awuwo meli ɖo ɖa.\nTogbɔ be nɔviawo le nɔnɔme sesẽ sia me tom hã la, dzi meɖe le wo ƒo o, eye womelé blanui hã o. Nya si ame aɖe si si dzo le eƒeme zi etɔ̃ sɔŋ gblɔ la sɔ kple ame geɖe tɔ. Egblɔ be: \"Nɔnɔme siawo ŋue míeɖea gbeƒã tsoe; ŋkeke mamlɛawo mee míele.\"\nNyanyuia Xɔxɔ\nTogbɔ be tɔtɔ geɖe le dukɔa me godoo hã la, Ðasefoawo yi edzi le ku nyui geɖe tsem le gbeadzi. Le January 2003 me la, wokpɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔme gbogbotɔ kekeake si nye ame 3,879, eye le February me la, wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 15, 227.\nAmewo le nyanyuia xɔm kabakaba. Eƒe kpɔɖeŋu ɖeka tso kɔƒedu aɖe si le dukɔa ƒe anyieheɣedzeƒe me. Hame aɖe wɔ ɖoɖo be yewoaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le kɔƒedu gã aɖe si nye Bewahn, si anye gaƒoƒo atɔ̃ kloe ƒe afɔzɔzɔ tso afisi woƒoa ƒu ɖo edziedzi la me. Hafi nɔviawo nayi dua me akpe amewo na Ŋkuɖodzia la, wona amekpegbalẽvia Bewahn kɔƒea dzikpɔla. Esi wònya xɔe ko la, etsɔ eƒe Biblia, yi kɔƒedua me tɔwo gbɔ, xlẽ mawunyakpukpui aɖe si le amekpegbalẽvia dzi, hede dzi ƒo na wo katã be woade Ŋkuɖodzia. Alea wòdzɔe be hafi gbeƒãɖelawo nava ɖo la, wokpɔe be wowɔ yewoƒe dɔa na yewo xoxo! Kɔƒea dzikpɔla, viawo, kple srɔ̃a eveawo, de Ŋkuɖodzia. Le ye katã me la,ame 27 ye de. Tso ɣemaɣi la, kɔƒea dzikpɔla do le Methodist Sɔlemea me, dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo, eye wòtsɔ anyigba aɖe na be woatu Fiaɖuƒe Akpata ɖe edzi.\nEƒe Nɔnɔme Trɔ\nMía nɔviwo ƒe agbenɔnɔ hã na tsitretsiɖeŋula aɖewo ƒe nukpɔsusu le nyateƒea ŋu le tɔtrɔm. Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Opoku ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Mɔɖela vevi aɖe do goe le gbeadzi henae Gbetakpɔxɔ magazine aɖe. Nyati aɖe le magazinea me do dzidzɔ na Opoku evɔ ga menɔ esi o. Mɔɖelaa gblɔ nɛ be menye edzramee yele o, eye wògblẽ magazinea ɖe egbɔ hewɔ ɖoɖo kplii be yeagatrɔ ava. Esi mɔɖelaa trɔ yi la, Opoku biae be: \"Ènya amesi menyea? Mia dometɔ akpa gãtɔ si le Harper-dugãa me la nyam. Menyaa mia viwo le suku!\" Emegbe egblɔ be yenye sukukɔkɔ aɖe si le dugãa me la ƒe tatɔ eye be yeti Yehowa Ðasefowo ƒe viwo yome le esi wogbe be yewomado gbe na aflaga o ta.\nGake alesi Yehowa Ðasefowo ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo fia na Opoku gbugbɔ lé ŋku ɖe eƒe nɔnɔme ŋu. Gbã la, ekpɔ Ðasefowo lé be na wo nɔviŋutsu aɖe si lé dɔ vevie. Wowɔ ɖoɖo gɔ̃ hã be woaɖoe ɖe dukɔ aɖe si te ɖe wo ŋu me ne woawɔ atike nɛ le afima. Opoku susui be nɔviŋutsu si lé dɔ la nye \"ame ŋkuta\" aɖe le Ðasefoawo dome gake wogblɔ nɛ be Ðasefo tsɛ aɖe ko wònye abe bubuawo ke ene. Evelia, le ƒe 1990 me la, Opoku si yi Côte d'Ivoire. Gbeɖeka esi tsikɔ nɔ ewum la, ebia sɔhɛ aɖe be wòadzra tsi na ye. Ga si nɔ Opoku si la lolo eye sɔhɛa mate ŋu agbae o, eyata etsɔ tsia na Opoku femaxee. Esi sɔhɛ ŋutsuvia tsɔ tsia na Opoku vɔ la, ebiae be: \"Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime míana nu mía nɔewo evɔ míabia ga aɖeke tso mía nɔewo si oa?\" Ewɔ na Opoku be Yehowa Ðasefoe wònye, eye sɔhɛa ka ɖe edzi nɛ be wo dometɔ ɖekae yenye. Nɔviŋutsu sia ƒe dɔmenyonyo kple dɔmekɔkɔ wɔ dɔ ɖe edzi. Mlɔeba la, mɔɖela vevia ƒe lɔlɔ̃ faa be yeagblẽ magazinea ɖe egbɔ femaxee la na Opoku va kpɔe be nukpɔsusu si le ye si ɖe Ðasefowo ŋu la menyo o eye be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ. Ewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me eye fifia enye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.\nTogbɔ be nɔvi siwo le Liberia le ŋgɔ dzem nɔnɔme sesẽwo edziedzi hã, woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu heɖea gbeƒã nɔnɔme nyui siwo le ŋgɔ gbɔna le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe te ŋu nyanyuia nuteƒewɔwɔtɔe. Yehowa maŋlɔ woƒe agbagbadzedze vevie kple lɔlɔ̃ si woɖena fiana eƒe ŋkɔ la, be o.—Hebritɔwo 6:10.\n[Anyigbatata siwo le axa 30]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nMONROVIA\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nLe xaxaɣiwo me la, Yehowa ƒe amewo naa gbɔgbɔ kple ŋutilã me kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040401\/Liberia-Fia%C9%96u%C6%92ed%C9%94a-%C6%92e-Dzidzi%C9%96edzi-Togb%C9%94-Be-A%CA%8Baw%C9%94w%C9%94-Li-H%C3%A3\/","date":"2023-11-29T08:06:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100057.69\/warc\/CC-MAIN-20231129073519-20231129103519-00549.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992149472,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992149472236633}","num_words":922,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi nàte ŋu azã Watchtower Library la, nu siwo wòhiã be woanɔ wò kɔmpiuta ŋue nye Pentium-compatible processor (alo Processeur compatible Pentium) alo esi de ŋgɔ wu ema, Microsoft Windows 7 alo esi de ŋgɔ wu. Ne mede ɖeke o la, dɔwɔnua hiã RAM si ƒe lolome nye 48 MB, eye ele be mɔ nanɔ wò C: drive la dzi wòade 3 GB.\nDe dzesii: Ne Microsoft Windows 7 ye le wò kɔmpiutaa dzi la, ke gbã la, ehiã be nàyi Internet dzi ahadi kɔmpiuta dzi dɔwɔnu si aɖe mɔ na wò be nàda ISO faɛl ɖe wò kɔmpiutaa dzi eye nàwɔ eƒe kɔpi. Àte ŋu akpɔ dɔwɔnu sia ƒe ɖe ne èyi Microsoft ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea.\nNe èle nyatakakawo xɔm be Watchtower Library mete ŋu le nu yeyewo dam ɖi o la, zɔ ɖe afɔɖoƒe siwo gbɔna dzi ale be wò ŋutɔ nàda nu yeyewo ɖi:\nƲu jw.org eye nàdi nyati si nye Ale Si Nàda Nu Yeyewo Ðe Watchtower Library Dzi.\nWɔ Watchtower Library Update Package ƒe kɔpi si le mia degbe me.\nZɔ ɖe mɔfiame siwo le tanya sue si nye \"Da Nu Yeyewo Ði\" dzi.\nNe èwɔ esiawo katã vɔ gake medze edzi oa, ke zɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi:\nLe File Explorer mea, ʋu \"C:\\ProgramData\\Watchtower\\WTLibrary.\"\nTutu faɛl eve siawo ɖa:\na. ca-bundle.zip\nb. cert.pem\n-\nNe esiawo hã wɔwɔ gale sesẽm na wòa, ke bia ame aɖe si nya nu tso Watchtower Library ŋu nyuie wòakpe ɖe ŋuwò, alo ƒo ka na míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe ŋuwò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/watchtower-library\/biabia-kple-%C5%8Bu%C9%96o%C9%96owo\/","date":"2024-03-02T20:10:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475897.53\/warc\/CC-MAIN-20240302184020-20240302214020-00844.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983435273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983435273170471}","num_words":249,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amakye kple Dede nye Ghanatɔwo ƒe lɔl̃ film si wowɔ be woana amewo na ko nu. Wodea ɖe go le 2016 eye Kofi Asamoah ye xɔ ŋgɔ la wɔwɔ me.\nFilm la ƒo nu tso Xɔlɔ̃ eve siwo nyɔnuvi aɖe ƒe nu le dzi na wo ame evea.\nWodzra ticket ho gã aɖe le gbe si gbe woɖe film la ɖe go.\nWoda ŋkɔ ɖe film la dzi be \"Easter Movie\" elabena woɖe film la ƒe go le Easter ƒe ɣeyiɣiwo me le March 26, 2016 le cinema siwo nye \" Silverbirds cinemas WestHills Mall kple Accra Mall.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Amakye_and_Dede","date":"2024-03-03T20:04:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476397.24\/warc\/CC-MAIN-20240303174631-20240303204631-00184.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992345572,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992345571517944}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.34,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo\nAkpɔkplɔ kple akpaviã eve aɖewo nɔ anyi gbe aɖe gbe. Xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo wɔa nu sia nu ɖekae. Wokpena ɖe wo nɔewo ŋu hã le mɔ vovovowo dzi. Le ɣeyiɣi aɖe me la, ku sesẽ aɖe va ɖi si he dɔwuame va anyigba blibo la dzii. Tsi aɖeke hã meganɔ anyigba ma dzi woano o. Eya ta wova ɖoe bena yewoadi anyigba bubu si dzi yewoate ŋu akpɔ nuɖuɖu kple tsi le la; ne menye nenema o la, yewoaku.\nKe gbe ɖeka la, akpavia eveawo dze mɔ hena anyigba la didi. Le ŋkeke eve megbe ko la, wotrɔ gbɔ kple dzidzɔnya be yewokpɔ anyigba nyui aɖe.Xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo va dzra ɖo azɔ hena dzodzo. Esi aʋala mele akpɔkplɔ si wòadzo abe xevi ene o ta la, woɖoe be yewoadi ati aɖe ne akpɔkplɔ la nalé kple eƒe nu eye yewo xevi eveawo hã yewoalé ati la ƒe nu eveawo ɖekaɖeka ahadzo kplii ayi anyigba yeye la dzi.\nAkpɔkplɔ kple akpaviã eveawo va dze mɔ la azɔ. Esi woyi yame vɔ keŋ la, ewɔ nuku na akpɔkplɔ ŋutɔ elabena emae nye zi gbãtɔ si wòdzo yi yame kpɔ. Eya ta esi wòkpɔ anyigba hekpɔ etɔ lã bubuwo ɖaa la, edi vevie be yeagblɔ na wo be yee nye akpɔkplɔ gbãtɔ si dzo yi yame kpɔ. Kasia, eƒe nu ɖiɖi le atia ŋu eye wòge hebu ɖe etɔawo.\nEsiae he xɔlɔ̃ vevi siawo ƒe kaklã vɛ.\nEsia tso Aƒetɔ S.K. Amegashie ƒe Gligbalẽ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/akp%C9%94kpl%C9%94-kple-akpavia-eveawo\/","date":"2024-03-05T13:35:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980661869,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980661869049072}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia te ŋu nana amewo ƒe agbenɔnɔ nyona ɖe edzi wòwɔa nuku. De ŋugble le kpɔɖeŋu eve siwo ku ɖe Ricardo kple Andres ŋu kpɔ.\nRICARDO: Ƒe 15 koe mexɔ esi mege ɖe gbevuha aɖe me. Xɔ̃nye yeyeawo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie. Le nyateƒe me la, nye taɖodzinue nye be mayi gaxɔ me ƒe ewo! Nya ma adze bometsinya. Gake le afi si menɔ la, wokafua ame siwo nɔ gaxɔ me kpɔ eye wodea bubu wo ŋu vevie. Eya ta medi be manɔ abe woawo ene.\nMeƒo ɖokuinye ɖe nu sia nu si gbevuhamenɔlawo wɔna la me. Nu mawo dometɔ aɖewoe nye atike vɔ̃ɖiwo zazã, gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ. Le zã aɖe me la, míaƒe gbevuhaa kple gbevuha bubu aɖe míenɔ tu dam mía nɔewo. Mesusu be woawum, gake mesi, naneke mewɔm o. Esia megbe la, meva nɔ tame bum le nye agbe kple taɖodzinu siwo le asinye ŋu vevie, eye metso nya me be matrɔ. Gake aleke mawɔe? Ame kae akpe ɖe ŋunye?\nNye ƒometɔ geɖe mekpɔa dzidzɔ o. Kuxiwo ɖe kpe na wo. Gake nyruinye kple eƒe ƒomea ya kpɔa dzidzɔ. Menya be ame nyuiwoe wonye eye wowɔna ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi. Le nyateƒe me la, wofiam kpɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Eya ta le tua dada megbea, medo gbe ɖa na Yehowa yɔ eŋkɔ gblɔ nɛ be wòakpe ɖe ŋunye. Nukutɔea, Yehowa Ðasefo aɖe va ƒo ʋɔ nam le ŋufɔke! Eyae va zu nye Biblia nufiala.\nGake kuxi gã aɖe li. Xɔ̃nye xoxoawo ƒoa ka nam zi geɖe gblɔna nam be mava ne míaɖo gbɔdo. Togbɔ be menɔ bɔbɔe o hã, megbena. Meɖoe kplikpaa be mayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye edzɔ dzi nam be nyemedzudzɔ o! Nye agbenɔnɔ trɔ kura, eye meva nɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.\nMeɖo ŋku edzi be megblɔ na Mawu le gbedodoɖa me kpɔ be ɖe meɖoe be mayi gaxɔ me ƒe ewo ale be woade bubu ŋunye abe gbevuhamenɔla ene. Gake fifia ya megblɔ na Mawu be wòana mazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ afia nu amewo tso eyama ŋu abe ale si wokpe ɖe ŋunyee ene hena ƒe ewo ya teti. Mawu ɖo nye gbedodoɖaa ŋu, elabe ƒe 17 ye nye esia mele gbeƒã ɖem na amewo! Eye magblɔ kpee be nyemeɖo afɔ gaxɔa me o.\nGake xɔ̃nye xoxoawo dometɔ geɖe le gaxɔ me hena ƒe geɖe. Wo dometɔ aɖewo ku. Ne metrɔ kpɔ megbe la, akpe koe mada na nye ƒometɔ siwo nye Ðasefoawo. Wolɔ̃ faa be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, eye esia na woto vovo. Meva dea bubu wo ŋu wu gbevuhaa me tɔ ɖe sia ɖe. Ƒo wo katã ta la, medaa akpe na Mawu be wòfia mɔ nyuitɔ si nu manɔ agbe ɖo lam.\nANDRES: Wodzim le nuto si me ahedada bɔ ɖo, afi si wozãa atike vɔ̃ɖiwo, daa adzo, wua ame eye gbolowɔwɔ bɔ ɖo la me, eye afi mae menɔ tsi. Ahanoxee tɔnye nye eye kokein nono zu numame nɛ. Dzre dzi koe eya kple nɔnye wonɔna, eye wodaa kɔ.\nÐevi ko menye esi mete ahanono eye mezãa atike vɔ̃ɖiwo. Ablɔdzi koŋue menɔna, nɔ amewo fim eye medzraa nu siwo mefina la. Esi menɔ tsitsim la, tɔnye di be yeana nye kpli ye dome navivi, gake mewɔe le mɔ nyuitɔ nu o, efia ale si matsɔ atike vɔ̃ɖiwo kple nu bubu siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la agbã dee eye míadzra wo. Esia na mekpɔ ga kaba. Gake gbe ɖeka la, poliswo va nye aƒe me va lém le esi mete kpɔ be mawu ame ta, eye wodem mɔ ƒe atɔ̃.\nGbe ɖeka ŋdi la, woɖe gbeƒã le gaxɔa ƒe nuƒomɔ̃ dzi tsɔ nɔ gamenɔlawo kpem be woava se Biblia me nuƒo aɖe si Yehowa Ðasefowo aƒo. Meyi. Susu le nya siwo mese la me, eya ta melɔ̃ be Ðasefoawo nasrɔ̃ Biblia kplim. Wometɔa tsi Ŋɔŋlɔawo me nyawo o, ke boŋ wofia ale si Mawu di be míanɔ agbe wòadze eŋu lam.\nEteƒe medidi o meva kpɔe be nyemate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã la le ɖokuinye si o, vevietɔ ne gamenɔla bubu siwo mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si srɔ̃m mele ŋu o la do ŋɔdzi nam. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm mawɔ nu le nunya me, eye ekpe ɖe ŋunye. Le nyateƒe me la, le esi mana ta teƒea, dzi nɔ ƒonye mezã Biblia tsɔ ɖe gbeƒã na gamenɔla bubuwo.\nEsi ɣeyiɣia de be woaɖe asi le ŋunye la, menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be medi be mayi edzi aganɔ gaxɔa me vie! Esi menɔ dzodzom la, gamenɔla geɖe wɔ baibai nam. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã gblɔ vividoɖeameŋutɔe be, \"Pastor, de aƒe me nyuie.\"\nNe mebu ale si nye agbe anɔ ne ɖe nyemeɖe mɔ na Mawu be wòafia num o la, edzia ŋɔ nam. Medaa akpe be Mawu lɔ̃m eye mebum be nyemate ŋu atrɔ o. a","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2019-mar-apr\/ricardo-kple-andres-%C6%92e-%C5%8Butinyawo\/","date":"2024-04-16T11:35:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817081.52\/warc\/CC-MAIN-20240416093441-20240416123441-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992542267,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992542266845703}","num_words":802,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wotrɔ asi le nyati si woɖo anyi la ŋu be wòanye axa ɖeka ƒe nyatakakadzraɖoƒe si me nɔnɔmetatawo mele o eye gotagome kadodo aɖeke mele eme o. Wowɔ esia be woate ŋu aɖo nyatakakadzraɖoƒe bliboa to e-mail dzi. Fail ƒe lolome le sue, elabena html nuŋɔŋlɔ koe le eme.\nLe ŋutinyaa ƒe gɔmedzedze tututu la, àkpɔ mɔnu si wozã tsɔ ɖe ŋutinya bliboa gɔme, esime wole HTML kadodowo ta kpɔm etc. Enye HTML gbegɔmeɖela: DCKIM.com ƒe mɔɖeɖee\nKɔmpiutadziɖoɖo sue aɖewo ŋutɔ gake, siwo ŋu viɖe le ŋutɔ le html nɔnɔme me siwo li femaxee, le DCKIM.com ƒe mɔɖeɖe te lae nye esi\nEsiawo ɖoa ŋu ɖe wò fon ƒe web-browser ŋu be wòawɔ gbegɔmeɖeɖedɔawo katã.\nWotsɔ nyatakakadzraɖoƒe sia de ame xɔŋkɔ xɔŋkɔ aɖe ƒe BLOG si womegazãna o me dzidzedzetɔe to gotagome nyatakaka tẽ si womate ŋu aƒo asa na le se nu o ta. Na wò ŋutɔ nàlé ŋku ɖe eŋu. Nyemeka ɖe edzi be esia anya wɔ o, eye mesusu gɔ̃ hã be, ɖewohĩ nɔnɔmetata si wodo ɖa ƒe didimewo ahe nya aɖe vɛ... Eva dze be menye nenemae o. Mesusu be nenemae wòdzɔna ne èbu ŋusẽ ɖe wò domenyiŋusẽfianu dzi. Le mɔ wɔnuku aɖe nu la, esia nye nusi tututu wòwɔ nam ŋutɔ. Le fefewɔla gome la, woƒe dɔwɔnuwoe nye wo ɖokui dodo ɖe ŋgɔ. Le atikpala gome la, akplɔ kple gavi koe wònye, ɖewohĩ aŋetu, ɖewohĩ yameʋu si ƒe lolome le kotoku me, safui vovovowo, ƒuƒoƒo si wotu heƒo ƒu le ƒeawo me. Qisas ƒe ŋkɔ. Kafukafu na Allah(SWT), ame ɖeka kolia, Ŋusẽkatãtɔ(SWT) si wɔ esia nam.\nDzeɖoɖo sia nye nususugblɔ keŋkeŋ eye metsi tre ɖi na alesi esia dzɔ ŋutɔŋutɔ o. Ne ɖe text-to-speech aɖe li si ate ŋu axlẽ akpa eve ƒe dzeɖoɖo.\nNumekuku sia le ɖoɖo wɔm be yeaɖee afia be amewo zãa xexlẽdzesi gbãtɔwo gbesiagbe, evɔ ɖewohĩ womenyae kura o eye ɖeko wòate ŋu anye be womenya míaƒe ŋutetemanɔamesi si ŋu kpeɖodzi le be míase xexlẽdzesi mawo gɔme o hã o. Woɖo kpe edzi nyuie be Amegbetɔ mate ŋu ase xexlẽdzesi gbãtɔwo gɔme o. Eyata ɖe wòle be woada xexlẽdzesi siawo ɖe hatsotsowo me be 'mawusubɔsubɔ me-womekpɔa wo o'?\nNusianu si Jung-Yul Kim ƒe alɔdzedɔwɔƒe gã aɖe ate ŋu adi!\nDe dzesii: Kadodo siawo dona le nyatakakadzraɖoƒe sia yia teƒe bubu siwo le internet dzi siwo me nɔnɔmetatawo anɔ wu.\nDe dzesii: Wotrɔ asi le nyati vevitɔa ŋu kple Accessibility kple Screen-reader zãlawo le susu me. Bar-navigational system si le asi me le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/jungyulkim.com\/indices\/JungYulKim-Ewe\/index.html","date":"2024-04-19T18:23:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817442.65\/warc\/CC-MAIN-20240419172411-20240419202411-00268.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982907772,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982907772064209}","num_words":412,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le gliwo, dzisasrãwo alo plasterboard-mamãwo ŋu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nY - gli alo mama ƒe kɔkɔme\nS\nX - gli ƒe kekeme\nH - drywall sheet ƒe kɔkɔme\nZ - drywall ƒe agbalẽ ƒe kekeme\n- xexlẽme si le rack profile ŋu le drywall ƒe agbalẽ ɖeka dzi\nV\n- drywall ƒe ƒuƒoƒo ƒe xexlẽme\nV=1\n- le ƒuƒoƒo ɖeka me, na gli alo dzisasrã\nV=2\n- le ƒuƒoƒo eve me na gli alo na mamawo\nV=3-4\n- na gli siwo mãa amewo dome\nB\n- Adzɔge si le gaviwo dome\nÐoɖowɔɖia ate ŋu abu akɔnta le nusiwo woatsɔ awu enu ƒe agbɔsɔsɔ si hiã - primer, putty, paint.\nBe nàwɔ esia la, fia alesi gbegbe wozãa woe le meta square ɖeka me\nN1\n, N2\n, N3\n, N4\n.\nEsia awɔe be ɖoɖowɔɖia abu akɔnta\ngli, dzisasrã alo plasterboard mama teƒe\ndrywall sheets ƒe xexlẽme si wobia\nprofile ƒe xexlẽme si wobia na frame la\ngavi siwo ƒoa wo ɖokui, ŋusẽdodo kple nutrenu ƒe xexlẽme si gogo\nnusiwo xea mɔ na gbeɖiɖi alo gbeɖiɖi ƒe mɔxexeɖenu kple nusiwo woatsɔ awu enu.\nÐoɖowɔɖia mebua ʋɔtruwo kple fesrewo ƒe ʋuʋu ŋu o, elabena nuwo zazã metrɔna boo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/drywall\/","date":"2024-04-19T18:42:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817442.65\/warc\/CC-MAIN-20240419172411-20240419202411-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998494387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998494386672974}","num_words":188,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe wòle be subɔsubɔhawo nana amewo nawɔ ɖeka hafi. Gake zi geɖe la, ɖeko wodea masɔmasɔwo kple tɔtɔ amewo dome.\nXexea Me\nAnyigbadzinɔlawo dometɔ akpa etɔ̃ le ene ɖe sia ɖe me le dukɔ siwo me woxea mɔ ɖe mawusubɔsubɔ nu le, eye esia tea ŋu tsoa dziɖuɖu ƒe sededewo alo dukɔmeviwo ƒe fuléle gbɔ. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, dukɔ siwo me wosẽ ŋuta le dukɔmevi siwo le subɔsubɔha suewo me ŋu le la dzi ɖe edzi teƒe eve kloe.\nEngland\nAƒetɔ Tony Blair si nye Dudɔnunɔla Gbãtɔ tsãtɔ ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Observer me be \"mawusubɔsubɔzazã le mɔ gbegblẽ nu\" gbɔe nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔna siwo le edzi yim le ŋkeke siawo me la tso. Egblɔ kpee be: \"Anɔ eme be aʋa si dze ŋgɔ ƒe alafa sia me tɔwo magatso dziɖuɖumɔnuwo ƒe vovototo gbɔ abe ale si wònɔ le ƒe alafa blavelia me ene o, ke boŋ woate ŋu atso dekɔnuwo kple mawusubɔsubɔ ƒe vovototo gbɔ bɔbɔe.\"\nBU NYABIASE SIA ŊU KPƆ: Nu ka tae subɔsubɔnyawo dea mama amewo dome zi geɖe?—Marko 7:6-8.\nAustralia\nAustraliatɔwo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dukɔmeviwo ƒe xexlẽme nyawo gbɔ ka nya ta be ame 1 le 5 ɖe sia ɖe me gblɔ be yewomele mawusubɔsubɔha aɖeke me o. Wogagblɔ hã be, \"mawusubɔsubɔha aɖe me tɔ nyenye to vovo na gomekpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ me bliboe.\" Ŋutsu 15 le alafa me kple nyɔnu 22 le alafa me siwo le mawusubɔsubɔhawo me koe gblɔ be yewokpɔa gome le mawusubɔsubɔ me bliboe.\nBU NYABIASE SIA ŊU: Nɔnɔme gbegblẽ kawoe va bɔ ɖe subɔsubɔha akpa gãtɔ me egbea?—Mateo 7:15-20.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201501\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu-sub%C9%94sub%C9%94hawo\/","date":"2024-04-19T22:48:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817455.17\/warc\/CC-MAIN-20240419203449-20240419233449-00764.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988350272,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998835027217865}","num_words":261,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EƲEGBEFIALA AGBALẼ alo NYATIGƆMEƉEGBALẼ\nNɔviwo, mìele ŋku ɖe agbalẽ sia ŋu heƒlee elabena eya koe ateŋu kplɔ mì yi ɖe míade gbea nyuie dodo me. Agbalẽ sia nye EWE-ENGLISH alo ENGLISH-EWE agbalẽ na amesiwo le ŋlisigbenyatiawo dzim le ʋegbe me alo eʋegbenyatiawo dzim le ŋlisigbe me. Mìakpɔ agbalẽ sia fifia le Ghana agbalẽ dzraƒewo vevietɔ le Amugãnutoawo (Volta-Region) me fifia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/79-e-e-fomeviwo\/fomevi-numedzodzrowo\/260-e-egbefiala-agbale-alo-nyatig-me-egbale","date":"2017-11-24T13:03:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934808133.70\/warc\/CC-MAIN-20171124123222-20171124143222-00708.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968634248,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968634247779846}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.179,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ la de dzi ƒo na Israel-vi siwo nɔ aboyo me, eye wòɖo kpe nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso woƒe tɔtrɔ gbɔ ŋu do ŋgɔ la dzi. Ame siwo Yehowa yra ado tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi.\nŊutegaa ɖee fia be nuwo anɔ ɖoɖo nu, woawɔ nu aduadu eye woanɔ dedie\nWoƒe anyigba awɔ nu nyuie\nƑome sia ƒome axɔ domenyinu\nHafi woama anyigbaa na Israel-viwo la, wotso akpa tɔxɛ aɖe ɖi be wòanye esi 'woadzɔ' na Yehowa\nAleke maɖee afia be Yehowa subɔsubɔe xɔ nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me? (w06 4\/15 27-28 ¶13-14)","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept11-17\/israel-vi-siwo-tr%C9%94-gb%C9%94-%C6%92e-yayrawo\/","date":"2017-12-11T19:48:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513866.9\/warc\/CC-MAIN-20171211183649-20171211203649-00761.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985561371,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985561370849609}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 13, 2014\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nTso April 27, 2014 dzi la, ahom dziŋɔ aɖe tu le Amerika ƒe titina kple eƒe anyigbe. Ahom la gbã aƒewo eye woka nya ta be ame siwo wu 30 ƒe agbe tsi eme. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzɔdɔwɔƒe si le Amerika ka nya ta be Ðasefo aɖeke ƒe agbe metsi eme o, eye nu vevi mewɔ ɖeke hã o, gake nu gblẽ le woƒe aƒe adre ŋu. Eye nu gblẽ le Ðasefowo ƒe tadeaguƒe etɔ̃ hã ŋu. Ðasefowo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kɔmiti siwo le nutoa me le kpekpem ɖe ame siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la ŋu.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/ahom-anyigbe-titina-20140513\/","date":"2017-12-11T17:24:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513784.2\/warc\/CC-MAIN-20171211164220-20171211184220-00651.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991907477,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991907477378845}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa tsɔ amewo sɔ kple gbotsetsewo\nAleke míawɔ 'dzi si ana míadze si' Yehowa nasu mía si?\nYehowa ana 'dzi si míatsɔ adze sii' la mí ne míesrɔ̃a eƒe Nya la eye míewɔna ɖe edzi\nEle be míadzro míaƒe dziwo me anukwaretɔe ahaho nuwɔna kple nudzodzro siwo ate ŋu agblẽ mí kple Yehowa dome la ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr10-16\/dzi-si-ana-n%C3%A0dze-si-Yehowa\/","date":"2017-12-11T17:24:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513784.2\/warc\/CC-MAIN-20171211164220-20171211184220-00651.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986500144,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986500144004822}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER 28, 2014\nRUSSIA\nLe December 11, 2014 la, Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea adrɔ̃ nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefo 16 ŋu le Taganrog le Russia be wonye nu vlo wɔlawo la. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wowɔa ɖoɖo ɖe subɔsubɔkpekpe siwo yia edzi le ŋutifafa me ŋu hekpɔa gome le wo me.\nNya blibo la dze egɔme le ƒe 2011 me, esime dumegãwo na wotsa Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo me ŋkubiãtɔe eye wolé woƒe kpekpewo me wɔnawo ɖe mɔ̃ dzi le adzame. Wonɔ te ɖe esiawo dzi tsɔ nya ɖe wo ŋu. Esi wodrɔ̃ nya siawo ɣleti 15 megbe la, Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Yehowa Ðasefo adre le July 30, 2014 dzi. Ʋɔnudrɔ̃la la do fe gã aɖe na Ðasefo adreawo katã, eye wòbu fɔ wo dometɔ ene be woanɔ gaxɔ me hena ɣeyiɣi didi aɖe, gake eya ŋutɔ gate fli ɖe fe si wòdo na wo la me enumake eye wòɖo asi woƒe gaxɔmeyiyia hã dzi gbɔ. Ʋɔnudrɔ̃laa ɖe asi le Ðasefo asieke ŋu le esi amenutsolawo mezɔ ɖe ɖoɖoawo dzi le nyaa gbɔ kpɔkpɔ me o ta, gake ete tɔ ɖe edzi be woƒe nuwɔnawo de aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Ðasefo 16 siawo katã bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo eye woate fli ɖe nutsotso si nye be yewonye nu vlo wɔlawo la me.\nƲɔnudrɔ̃la amenutsola hã bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo. Ebia be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea nade Ðasefo ene siwo xɔa ŋgɔ le woƒe hamea me la gaxɔ me va se ɖe esime wodrɔ̃ nya la, eye wòbia be woade wo gaxɔ me ne wowu nyadɔdrɔ̃a nu. Ebia hã be ʋɔnudrɔ̃ƒea nate fli ɖe nyametsotso si ʋɔnudrɔ̃laa wɔ be woaɖe asi le ame asiekeawo ŋu la me eye woabu fɔ wo be wole gome kpɔm le nuwɔna siwo dea \"aglãdzedze ƒe dzi ƒo\" me.\nVasily Kalin, si nye Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe teƒenɔla gblɔ be: \"Míele mɔ kpɔm be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea akpɔe be ame 16 siawo siwo ƒe mawusubɔsubɔ nu wole mɔ xem ɖo la to nu geɖe me xoxo madzemadzee, eya ta ele be woaɖe asi le wo ŋu eye woate fli ɖe nya si wotsɔ ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo la me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/rostov-nutome-%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e\/","date":"2017-12-15T13:11:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948569405.78\/warc\/CC-MAIN-20171215114446-20171215140446-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995371103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995371103286743}","num_words":359,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣekaɣie wòle be Kristotɔ nyɔnu natsyɔ nu ta le tadedeaguwɔnawo me, eye nu ka tae? Mina míadzro nu si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ tso nya sia ŋu me. Ena mɔfiame siwo míehiã bene míawɔ nyametsotso nyui siwo ade bubu Mawu ŋu la mí. (1 Korintotɔwo 11:3-16) Nu etɔ̃ dze le Paulo ƒe nyawo me, siwo ŋu wòle be míade ŋugble le: (1) wɔna siwo me wòahiã le be nyɔnu nabla ta, (2) nɔnɔme siwo abia be wòabla ta, kple (3) susu siwo ta wòle be wòawɔ ɖe mɔfiame sia dzi.\nWɔnaawo. Paulo yɔ wɔna eve: gbedodoɖa kple nyagbɔgblɔɖi. (Kpukpui 4, 5) Míenya nyuie be gbedodoɖa nye nuƒoƒo na Yehowa bubutɔe. Egbea la, míate ŋu atsɔ nyagbɔgblɔɖi asɔ kple nufiafia ɖe sia ɖe si Kristotɔ subɔla aɖe tu ɖe Biblia dzi. Ke ɖe Paulo nɔ gbɔgblɔm be ɣesiaɣi si nyɔnu le gbe dom ɖa alo le Biblia me nyateƒea fiam ko la, wòatsyɔ nu ta? Ao. Nɔnɔme si me nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa le alo le nu fiam le dzie wòanɔ te ɖo.\nNɔnɔmeawo. Paulo ƒe nyawo ku ɖe ale si woawɔ nu le ƒomea kple hamea me ŋu. Egblɔ be: \"Nyɔnu . . . ƒe tae nye ŋutsu; . . . nyɔnu sia nyɔnu, si metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi o la, doa ŋukpe eƒe ta.\" (Kpukpui 3, 5) Le ƒome ƒe ɖoɖoa nu la, srɔ̃ŋutsue Yehowa tia be wòanye nyɔnua ƒe ta. Ne nyɔnu le dɔdeasi siwo Yehowa tsɔ na srɔ̃ŋutsua wɔm eye meɖe ɖokuibɔbɔ ɖe ŋutsua ƒe tanyenye te fia o la, ke edo ŋukpe srɔ̃aŋutsua. Le kpɔɖeŋu me, ne ehiã be wòawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe esime srɔ̃aŋutsu le teƒea la, abla ta atsɔ aɖe ɖokuibɔbɔ ɖe ŋutsua ƒe tanyenye te afia. Awɔ esia ne ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ alo mexɔ nyɔnyrɔ o, elabena eyae nye ƒomea ƒe ta. * Azɔ hã, ne ele gbe dom ɖa alo le nu fiam esime viaŋutsuvi si xɔ nyɔnyrɔ le teƒea la, abla ta, eye esia mefia be ŋutsuvia ye nye ƒomea ƒe ta o, ke boŋ le ɖoƒe si wona ŋutsu xɔnyɔnyrɔwo le Kristo hamea me ta.\nPaulo ƒo nu tso nɔnɔme si ku ɖe hamea ŋu la ŋu esi wògblɔ be: \"Ne ame aɖe le nya hem be ɖoɖo bubu aɖe li le nya sia ŋu la, bubu aɖeke mele mía si o, eye ɖeke mele Mawu ƒe hameawo hã si o.\" (Kpukpui 16) Le Kristo hamea me la, ŋutsu xɔnyɔnyrɔwo sie tanyenye ƒe ɖoƒea le. (1 Timoteo 2:11-14; Hebritɔwo 13:17) Ŋutsuwo koe wotiana be woanye hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo, eye woawoe Mawu de dɔ asi na be woalé be na yeƒe alẽha la. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Gake ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo doa mo ɖa, si ta wòahiã be Kristotɔ nyɔnu xɔnyɔnyrɔ nawɔ dɔ si wòle be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ si dze nawɔ hafi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ahiã be wòakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi le esi nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ si dze aɖeke meli o alo ɖeke meva kpekpea o ta. Alo ate ŋu akpɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ si wòwɔna edziedzi la dzi esime nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe le eteƒe. * Esi dɔ siawo nye Kristo hamea ƒe dɔwo ƒe kekeɖenu ta la, nɔvinyɔnua abla ta atsɔ afia be dɔ si wòle be ŋutsu nawɔ hafi wɔm yele.\nGake subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu geɖewo li siwo mahiã be nɔvinyɔnu natsyɔ nu ta hafi awɔe o. Le kpɔɖeŋu me, mehiã be wòabla ta le nɔnɔme siwo gbɔna me o: Ne ele nya ŋu ɖom le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, ne woa kple srɔ̃a alo nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ bubu aɖe le gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me, alo ne ele nu srɔ̃m alo le gbe dom ɖa kple via maxɔnyɔnyrɔ esime srɔ̃a mele teƒea o. Gake biabia bubuwo agate ŋu afɔ ɖe te, eye ne nɔvinyɔnu aɖe menya nu si wòawɔ o la, ate ŋu awɔ numekuku bubuwo. * Le ema megbe ne meka ɖe nu si wòawɔ dzi o, eye eƒe dzitsinya ʋãe be wòabla ta la, naneke megblẽ le eŋu o, ate ŋu awɔe abe ale si wòdze le foto si le afi sia me ene.\nSusuawo. Míekpɔ susu eve siwo ta Kristotɔ nyɔnu adi be yeawɔ ɖe nudidi sia dzi la le kpukpui 10 lia me: \"[Ele] be ŋusẽ ƒe dzesi nanɔ ta na nyɔnu, le mawudɔlawo ta.\" Gbã la, de dzesi nya si nye \"ŋusẽ ƒe dzesi.\" Nu tsyɔtsyɔ ta nye mɔ si dzi nyɔnu tona ɖenɛ fiana be yelɔ̃ ɖe ŋusẽ si Yehowa na ŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo le hamea me la dzi. Eya ta etoa esia dzi ɖea eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu fiana. Susu evelia dze le nya si nye \"le mawudɔlawo ta\" me. Dɔ kae nyɔnu ƒe nu tsyɔtsyɔ ta wɔna ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sẽŋu mawo dzi?\nMawudɔlawo dina vevie be yewoakpɔe be Yehowa subɔlawo katã bɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe ŋusẽ te le eƒe habɔbɔa me, le dziƒo kple anyigba dzi siaa. Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si amegbetɔ madeblibowo ɖona hã ɖea vi na wo. Nu si tae nye be, ele be woawo hã nabɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo te—eye esia nye dodokpɔ aɖe si me mawudɔla geɖe do kpo nu le le blema. (Yuda 6) Ete ŋu dzɔna egbea be nuteƒekpɔkpɔ geɖe su Kristotɔ nyɔnu aɖe si, enya nu, eye eƒe tagbɔ ɖa wu nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe si le hamea me, gake nɔvinyɔnua lɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui ɖe nɔviŋutsu ma ƒe ŋusẽ te—eye mawudɔlawo kpɔa esia teƒe. Le go aɖewo me la, nɔvinyɔnua te ŋu nyea Kristotɔ amesiamina, ame si ava zu Kristo ƒe hadomenyilawo dometɔ ɖeka. Mɔnukpɔkpɔ ava su nɔvinyɔnu ma si be wòasubɔ le ɖoƒe si kɔ wu mawudɔlawo tɔ gɔ̃ hã, eye wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi nɔvinyɔnu ma nye na mawudɔla siwo le ekpɔm egbea! Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi su nɔvinyɔnuwo katã si be woaɖee afia be yewonye toɖolawo to woƒe agbenɔnɔ si me ɖokuibɔbɔ kple nuteƒewɔwɔ dzena le le mawudɔla miliɔn geɖewo ŋkume!\n^ mm. 3 Le go geɖe me la, Kristotɔ srɔ̃nyɔnu mado gbe ɖa wòaɖi ne srɔ̃a si nye xɔsetɔ le teƒea o, negbe le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo, abe ne ŋutsua mate ŋu aƒo nu o le dɔléle aɖe ta ene, me ko.\n^ mm. 1 Ne nɔvinyɔnu le Biblia nusɔsrɔ̃ si ŋu wòwɔ ɖoɖo ɖo wɔm eye nɔviŋutsu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ si menye srɔ̃a o le eteƒe la, mahiã be wòabla ta o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/ny%C9%94nu-kristot%C9%94-tababla\/","date":"2017-12-17T06:14:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948593526.80\/warc\/CC-MAIN-20171217054825-20171217080825-00613.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979620576,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979620575904846}","num_words":1041,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ewɔna na ame geɖe be subɔsubɔha yeye aɖee Yehowa Ðasefowo nye. Gake tso blema ke, anye ƒe 2,700 kple edzivɔe nye esia la, woyɔa Mawu vavã la subɔlawo be \"ɖasefowo.\" (Yesaya 43:10-12) Do ŋgɔ na ƒe 1931 la, míetɔ ŋkɔ si nye Biblia Nusrɔ̃viwo. Ke nu ka tae míeva tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?\nŊkɔ sia ɖea Mawu si subɔm míele la fiana. Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi xoxotɔ siwo li la ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le Biblia me zi gbɔ zi akpe geɖe. Gake amewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me hetsɔ dzesideŋkɔwo abe Aƒetɔ alo Mawu ene ɖo eteƒe. Ke hã, Mawu vavã la ɖe eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa fia Mose, eye wògblɔ be: 'Esiae nye nye ŋkɔ tegbee.' (2 Mose 3:15) Ŋkɔ sia na wòto vovo tso alakpamawu bubuwo gbɔ. Bubu gã wònye na mí be Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la le mía ŋu.\nŊkɔ sia ɖea dɔ si wɔm míele la fiana. Ame gbogbo aɖewo siwo nɔ anyi tso blema ke, tso ame dzɔdzɔe Abel dzi, ɖi ɖase be yewoxɔ Yehowa dzi se. Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, Noa, Abraham, Sara, Mose, David, kple ame bubu geɖewo va kpe ɖe \"ɖasefowo ƒe alilikpo gã\" sia ŋu. (Hebritɔwo 11:4–12:1) Míawo hã míeɖoe kplikpaa be míaɖi ɖase tso nyateƒe si ku ɖe mía Mawu la ŋu, abe ale si ko amewo ɖia ɖase le ʋɔnu tsɔ ʋlia ame maɖifɔwo ta ene.\nŊkɔ sia si le mía ŋu nana míesrɔ̃a Yesu. Biblia yɔ Yesu be enye 'ɖasefo nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.' (Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu ŋutɔ gblɔ be 'yena amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ la' eye yeyi edzi 'ɖi ɖase tso nyateƒe' si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. (Yohanes 17:26; 18:37) Eya ta ele be Yehowa ƒe ŋkɔ nanɔ Kristo yomedzela vavãwo ŋu, eye woana amewo nanya ŋkɔ la. Esia tututue Yehowa Ðasefowo dzea agbagba wɔna.\nNu ka tae Biblia Nusrɔ̃viwo va tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?\nTso ɣekaɣie ɖasefowo nɔ Yehowa si le anyigba dzi?\nAme kae nye Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/nu-si-ta-%C5%8Bk%C9%94-yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2017-12-16T17:49:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588294.67\/warc\/CC-MAIN-20171216162441-20171216184441-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984676838,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984676837921143}","num_words":335,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE AKPA SIA\nTA 82\nYesu gblɔ nu si hiã hafi ame siwo nɔ to ɖomee la nakpɔ ɖeɖe kple nu si tae ame geɖe makpɔ ɖeɖe o. Aɖaŋu si wòɖo la nɔ vevie ɣemaɣi. Ke egbea ya ɖe?\nTA 83\nEsi Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ aɖe ƒe me la, ewɔ kpɔɖeŋu ku ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe ŋu. Egblɔ nya si me nufiame vevi aɖe le na Mawu ƒe amewo katã. Nu kae nye nufiamea?\nTA 84\nAgbanɔamedzi gãe wònye be ame nanye Yesu ƒe nusrɔ̃la. Yesu gblɔ nu si gbegbe esia bia la eme kɔ nyuie. Nya siwo wògblɔ la anya wɔ moyaa na ame siwo ava nye eyomedzelawo la dometɔ aɖewo.\nTA 85\nAgbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu le esi wòde ha kple ame tsɛwo ta. Yesu do lowo na wo tsɔ ɖe ale si Mawu bua nu vɔ̃ wɔlawoe fia.\nTA 86\nNu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me?\nTA 87\nYesu do lo ku ɖe aƒedzikpɔla mawɔnuteƒe aɖe si wɔ susu ŋu dɔ la tsɔ fia nyateƒe wɔnuku aɖe.\nTA 88\nNu si akpe ɖe mía ŋu míase Yesu ƒe lododoa gɔmee nye be míade dzesi ame siwo kesinɔtɔ la kple Lazaro le tsitre ɖi na.\nTA 89\nEhe susu yi nɔnɔme aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ ake ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu enuenu gɔ̃ hã.\nTA 90\nNya si Yesu gblɔ be ame si xɔa ye dzi sena \"maku akpɔ o\" la gɔme ɖe?\nTA 91\nNudzɔdzɔ sia ƒe akpa vevi eve aɖewo wɔe be Yesu ƒe futɔwo gɔ̃ hã mate ŋu agblɔ be nukunu sia medzɔ o.\nTA 92\nŊutsu si ŋu woda gbe le la da akpe na Yesu kple ame bubu hã.\nTA 93\nAleke Kristo ƒe anyinɔɣi la anɔ abe dzikedzo ene?\nTA 94\nLe lo si Yesu do ku ɖe ahosi aɖe kple ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔa ŋu me la, ete gbe ɖe nɔnɔme aɖe ƒe vevienyenye dzi.\nTA 95\nYesu ƒe nɔnɔme ɖe ɖeviwo ŋu to vovo sãa na eƒe nusrɔ̃lawo tɔ. Nu ka tae?\nTA 96\nNu kae na Yesu gblɔ be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me?\nTA 97\nAleke ame gbãtɔwo ava zu ame mlɔetɔwo eye ame mlɔetɔwo ava zu gbãtɔwo?\nTA 98\nYakobo kple Yohanes di ɖoƒe kɔkɔwo le Fiaɖuƒea me, gake menye woawo ɖeɖee o.\nTA 99\nBiblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe gbedada le ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le afi si gogo Yeriko la dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene, gake aleke míate ŋu ase wo gɔmee?\nTA 100\nNu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: \"Ame sia ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94subud%C9%94-yordan-%C6%92e-%C9%A3edze%C6%92e\/","date":"2017-12-11T23:13:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514113.3\/warc\/CC-MAIN-20171211222541-20171212002541-00737.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983114004,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983114004135132}","num_words":473,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yosef Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yosef ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yosef Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yosef Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012428\/univ\/art\/502012428_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yosef\/","date":"2017-12-11T23:14:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514113.3\/warc\/CC-MAIN-20171211222541-20171212002541-00737.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992290735,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992290735244751}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.135,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi xaxa gã la tu aƒe ta la, gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata. (Lod 24:11, 12, 20) Be míakpe ɖe amewo ŋu la, míate ŋu azã kadodogbalẽviawo atsɔ ahe amewo ƒe susu yi Mawu ƒe Nyaa kple míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi. Dzesi aɖe le agbalẽvia dzi si akplɔ amea ayi video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? gbɔ, eye wogakpe amea be ne egadi nyatakaka bubuwo alo di be woava srɔ̃ Biblia kpli ye la, ate ŋu abia. Ame aɖewo madi be yewoaxɔ míaƒe agbalẽwo o, gake woalɔ̃ be yewoayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Eya ta mègahe ɖe megbe o, tsɔ kadodogbalẽvia ƒe ɖe na wo. Ke hã mègana agbalẽvia ame siwo metsɔ ɖe le nyaa me o.\nNe èle wò gbe sia gbe dɔwo wɔm la, àte ŋu agblɔ na ame aɖe be: \"Nane le asinye medi be matsɔ ana wò. Agbalẽvi sia akplɔ wò ayi internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe, eye le afi ma àkpɔ nyatakaka kple video siwo ku ɖe nya vovovowo ŋu la femaxee.\" (Yh 4:7) Esi agbalẽviawo melolo o ta la, àte ŋu atsɔ ʋɛ aɖewo ɖe asi si nàte ŋu atsɔ ana amewo ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct31-nov6\/w%C9%94-kadodogbal%E1%BA%BDviawo-%C5%8Bu-d%C9%94-nyuie\/","date":"2017-12-18T17:59:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948618633.95\/warc\/CC-MAIN-20171218161254-20171218183254-00789.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996811152,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996811151504517}","num_words":186,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu wɔ dɔ geɖe le ŋkekea me eye ɖeɖi te eŋu. Esi fiẽsi ɖo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yewoadzo le Kapernaum nutoa me ayi \"go kemɛ dzi.\"—Marko 4:35.\nƑutanuto aɖe le Galilea-ƒua ƒe go kemɛ dzi le ɣedzeƒe gome si woyɔna be Gerasa. Wogayɔa nuto sia be Dekapoli. Dugã siwo le Dekapoli nutoa me la nye teƒe si Helatɔwo ƒe dekɔnuwo bɔ ɖo, togbɔ be Yudatɔ geɖe le afi ma hã.\nAmewo kpɔ Yesu esime wònɔ dzodzom le Kapernaum. Tɔdziʋu bubuwo hã kpe ɖe wo ŋu woɖo ta ƒua ƒe gome kemɛ dzi. (Marko 4:36) Le nyateƒe me la, go kemɛa gbɔ medidi boo o. Galilea-ƒua nye ta gã aɖe si ƒe didime nye kilometa 21 eye eƒe akpa si keke wu la nye kilometa 12. Ke hã, egoglo.\nTogbɔ be Yesu de blibo hã la, eme kɔ be ɖeɖi te eŋu le dɔ geɖe si wòwɔ la ta. Eya ta esi wodze mɔ la, emlɔ ʋua ƒe megbe lɔƒo eye wòziɔ suɖui hedɔ alɔ̃.\nApostoloawo dometɔ geɖe nye tɔdɔwɔla siwo nya ʋukuku nyuie, gake mɔzɔzɔ sia ya manɔ bɔbɔe na wo o. Towo ƒo xlã Galilea-ƒua eye yame xɔa dzo le tsia dzi zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ya fafɛ si le toawo dzi la ƒona va kpea ya xɔdzo si le tsia dzi, si wɔnɛ be ahom sesẽwo tea ŋu tuna zi ɖeka le vome le tsia dzi. Nu siae le dzɔdzɔm fifia. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ƒutsotsoeawo va le ʋua lɔm sesĩe o. \"Tsi de asi tɔdziʋu la yɔyɔ me, eye woƒe agbe ɖo afɔku me.\" (Luka 8:23) Gake Yesu gale alɔ̃ me!\nTɔƒodela mawo siwo ku ʋu to ahomwo me kpɔ la nɔ kutri kum vevie be yewoaku ʋua. Gake fifia ya eglo wo. Esi wonɔ vɔvɔ̃m be yewoava ku ta la, wonyɔ Yesu hegblɔ nɛ be: \"Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!\" (Mateo 8:25) Nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m azɔ be yewoanyrɔ!\nEsi Yesu nyɔ la, egblɔ na apostoloawo be: \"Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?\" (Mateo 8:26) Azɔ Yesu ɖe gbe na ya kple ƒua be: \"Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!\" (Marko 4:39) Ahom la dzudzɔ tutu eye ƒua ƒe agbodzedze hã tɔ. (Marko kple Luka ƒe nuŋlɔɖia hã ƒo nu tso nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋu, gake wohe susu yi ale si Yesu na ahom la dzudzɔ tutu dzi gbã, eyome woƒo nu tso xɔse ʋɛ si nɔ nusrɔ̃lawo si la ŋu.)\nBu dɔ si esia wɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi ŋu kpɔ! Fifi laa koe wokpɔe ƒua dze agbo, ko kasia ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. Vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo be: \"Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.\" Mlɔeba wova ɖo ƒua ƒe go kemɛ dzi dedie. (Marko 4:41–5:1) Ðewohĩ tɔdziʋu bubu siwo dze mɔ kpli wo la te ŋu gbugbɔ yi go dzi le afi si wodze mɔ tso, le ɣetoɖoƒe.\nAleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be Mawu ƒe Vi la kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi! Ne etrɔ eƒe susu ɖe míaƒe anyigba la ŋu bliboe le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, ame sia ame anɔ dedie, elabena dzɔdzɔmefɔku dziŋɔwo maganɔ anyi o!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/tsi-ahom-nu\/","date":"2018-01-24T06:57:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084893397.98\/warc\/CC-MAIN-20180124050449-20180124070449-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986109138,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986109137535095}","num_words":512,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbea katã koe nye esia?\nÐe nèbia ɖokuiwò kpɔ be fefe, dɔwɔwɔ, srɔ̃ɖeɖe, ɖeviwo nyinyi kpakple tsitsi aku amegã ta koe míele agbea ɖoa? (Hiob 14:1, 2) Biblia na míenya be ame siwo ƒe nunya ɖe dzesi la gɔ̃ hã bu nya mawo ŋu va yi.—Xlẽ Nyagblɔla 2:11.\nTameɖoɖo aɖe tae míele agbe ɖoa? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míabia be, Aleke míewɔ va dzɔ? Esi ame geɖe bu ale si wotrɔ asi le míaƒe ahɔhɔ̃ kple ameti bliboa ŋui ŋu la, woƒo nya ta be Wɔla nyanu aɖee wɔ mí. (Xlẽ Psalmo 139:14.) Ne ele alea la, ke susu aɖe kokoko tae wòwɔ mí ɖo! Ne ènya susu si tae wòwɔ mí la, ate ŋu ana taɖodzinu vavã nanɔ wò agbe ŋu.\nNu ka tae wowɔ amegbetɔwo ɖo?\nMawu ƒe tameɖoɖoa he ɖe megbe esi amegbetɔwo dze aglã ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu. Gake Mawu megbe mí o, eye tame si wòɖo ɖe mía ŋu hã metrɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu le nu siwo hiã la wɔm be yeaɖe nuteƒewɔlawo, eye tame si yeɖo ɖe míaƒe anyigba ŋu hã ava eme! Eya ta Mawu di be nàse vivi na agbea abe ale si yeɖoe tso gɔmedzedzea me ene! (Xlẽ Psalmo 37:29.) Srɔ̃ nu tso nu si nàwɔ be Mawu ƒe tameɖoɖoa naɖe vi na wò la ŋu le Biblia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150801\/tame%C9%96o%C9%96o-si-le-agbe-%C5%8Bu\/","date":"2018-01-21T10:48:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890514.66\/warc\/CC-MAIN-20180121100252-20180121120252-00697.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986932874,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986932873725891}","num_words":221,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! February 2013 | Ablotsiyiyi—Eŋuti Drɔ̃ewo Kple Ale Si Wòle\nKuxi kawoe wodoa goe le duta?\nXlẽ nu tso nyadzɔdzɔwo kple nu dodzidzɔname siwo le edzi yim le xexea me godoo ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe mia kple srɔ̃wò mienɔa dzre dzi ɖaa? Xlẽ nu tso ale si Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mia kple srɔ̃wò ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe kakaɖedzi li be ne èʋu yi duta la, agbea adze edzi na wò ƒomea?\nINTERVIEW\nNufialagã Massimo Tistarelli gblɔ nu si tae megava xɔe se be agbea dzɔ le eɖokui si o.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nXlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Plato ƒe nufiafiawo va tsaka kple Kristotɔwo ƒe nufiafiawo la ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nXlẽ nu tso ale si Mawu ɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na ame dahewoe ŋu.\nWAS IT DESIGNED?\nAleke adoglo sia awɔ ati kpo tso teƒe gbadza aɖadze gli ŋu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nText message ate ŋu agblẽ wò kple xɔwòwo dome, eye wòaƒo ɖi wò ŋkɔ hã. Kpɔ ale si wòdzɔnae la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201302\/","date":"2018-01-20T03:17:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888878.44\/warc\/CC-MAIN-20180120023744-20180120043744-00713.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989308119,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998930811882019}","num_words":178,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nViwò nyɔnuvi gblɔ be nu te ɖe ye dzi. Wò nu ku nèbia ɖokuiwò be: 'Ƒe 13 vi hã nagblɔ be nu te ɖe ye dzia? Metsi nu nate ɖe edzi o ɖe!' Hafi nàhayi nya sia gblɔ ge ɖe viwòa ŋu la, bu nu siwo ate ŋu ana be nu nate ɖe edzi le agbe me la dometɔ aɖewo ŋu gbã.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nTɔtrɔ siwo vana le ame ƒe ŋutilã me. Sɔhɛmeɖoɖo ate ŋu ana nyɔnuvi natsi dzodzodzoe, vevietɔ ne eƒe sɔhɛmeɖoɖo ƒe tɔtrɔwo tsi megbe alo do ŋgɔ na wo tɔwo tɔ. Anna * si xɔ ƒe 20 fifia gblɔ be: \"Menye nyɔnuvi siwo te noléwuibabla kaba la dometɔ ɖeka, esia na metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me. Ne metsɔ ɖokuinye sɔ kple hanyeti bubuwo la, mesena le ɖokuinye me be ame saga aɖe koe nye ya menye, ɖeko wòwɔna nam abe nyemede o ene.\"\nSeselelãme ƒe tɔtrɔ. Karen si xɔ ƒe 17 fifia la gblɔ be: \"Metɔtɔ le ɖokuinye me ale gbegbe elabena nyemenya nu si tae mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋkeke me gake le zã me ko la menɔa avi fam hehehe o. Nyemenya nu si le fu ɖem nam o. Ewɔ abe ɖe nane gblẽ le nye seselelãmewo ŋu ene.\"\nAsiɖoanyi ƒe gɔmedzedze. Kathleen si nye ɖetugbuivi aɖe gblɔ be: \"Togbɔ be danye ɖe nu geɖe me nam tso asiɖoanyi ŋu hã la, esi meɖo asi anyi zi gbãtɔ la, ɖeko wòwɔ abe nyemese naneke tso eŋu kpɔ o ene. Meléa tsi zigbɔzi geɖe le ŋkekea me elabena ewɔna nam abe ŋunye mekɔ o ene. Nu si gavlo wue nye be nɔvinye ŋutsu etɔ̃awo koam vevie. Nye asiɖoɖo anyi ƒe nya sia ɖi kokoe na wo.\"\nHatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo. Marie si xɔ ƒe 18 fifia gblɔ be: \"Le nye ƒe 12 va se ɖe ƒe 14 xɔɣi la, hanyetiwo ƒoa nya ɖe nunye vevie. Nye sukuhatiwo ɖua fewu le ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ to vovo na wo tɔ la ŋu vevie.\" Anita si xɔ ƒe 14 la gblɔ be: \"Mí sɔhɛwo míedina vevie be mía tɔwo nalɔ̃ míaƒe nya eye ne woɖe mí le woƒe haa me la etena ɖe mía dzi ŋutɔ.\"\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nDe dzi ƒo na viwòa wòagblɔ nu si le tetem ɖe edzi na wò. Le gɔmedzedzea la, madi be yeaƒo nu tso eŋu o. Gake gbɔ dzi ɖi nɛ eye nàwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be ame sia ame \"naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.\"\nMègabu viwòa ƒe nuteɖeamedzia fefenyae o. Ðo ŋku edzi be meto nu siwo gbegbe me nèto le agbe me la me kpɔ o, eya ta menya nu boo aɖeke tso nuteɖeamedzi ŋu kaka wòahayi ale si wòanɔ te ɖe enu la nya ge o.\nMègalɔ aƒemedɔwo kɔ ɖe viwòa dzi gleglegle o. Le agbalẽ aɖe (Teach Your Children Well) ƒe nya nu la, nu tena ɖe sɔhɛ siwo dzi wolɔ aƒemedɔwo kɔ ɖo gleglegle la dzi \"zi geɖe, vevietɔ enana ta alo dɔ me ɖua wo.\"\nKpɔ egbɔ be alɔ̃ sua viwòa nyuie. Zi geɖe la, sɔhɛwo ƒe kuxi gbãtɔe nye be wonana alɔ̃ tsia wo ŋu. Gake ne viwòa medɔa alɔ̃ wòsunɛ nyuie o la, eƒe susu maganɔ nu lém tututu o eye esia awɔe be nuteɖeamedzi nakpe edzi bɔbɔe.\nKpe ɖe viwòa ŋu wòanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu le mɔ nyuitɔ nu. Le nyɔnuvi aɖewo gome la, kamedede nana woƒe nuteɖeamedziwo dzi ɖena kpɔtɔna. Biblia gblɔ be: \"Kamedede nyo.\" (1 Timoteo 4:8) Le nyɔnuvi bubuwo ya gome la, wokpɔe be ne yewoŋlɔ nu siwo me tom yewole ɖi la ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe nuteɖeamedziwo nu. Brittany si xɔ ƒe 22 gblɔ be: \"Esime menye ɖetugbuivi la, meŋlɔa kuxi siwo nyemete ŋu kpɔ ta na o la ɖi. Esia kpena ɖe ŋunye megasena ale si mese le ɖokuinye me tso kuxia ŋu la gɔme nyuie eye wònɔa bɔbɔe nam be makpɔ egbɔ loo alo maɖe asi le eŋu.\"\nÐo kpɔɖeŋu ɖi nɛ. Aleke wò ŋutɔ nènɔa te ɖe nuteɖeamedzi nui? Ðe nètsɔa dɔ geɖe doa agba na ɖokuiwò eye nèva tɔtɔna ne nu va kpeke wòa? Ðe nèvuna ɖe dɔ ŋu vevie eye mègakpɔa vovo ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu oa? Filipitɔwo 4:5 gblɔ be: \"Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.\" Ðo ŋku edzi be viwòa le wò kpɔɖeŋuwo srɔ̃m eɖanye nyui alo vɔ̃ o.\n^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201402\/ne-nu-te-%C9%96e-viw%C3%B2-ny%C9%94nuvi-dzi\/","date":"2018-01-23T12:48:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891926.62\/warc\/CC-MAIN-20180123111826-20180123131826-00003.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998290062,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982900619506836}","num_words":730,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa tso ŋugbe siwo nèdo nɛ la ŋu\nÐo ŋu ɖe Yehowa ŋu to ale si nàtrɔ wò dzi aƒo ɖe eŋkume le gbedodoɖa me dzi\nGbedodoɖa tso dzi me bia be míaƒo nu tso míaƒe seselelãmewo ŋu\nNe míaƒe gbedodoɖawo kuna ɖe nanewo koŋ ŋu la, enɔa bɔbɔe be míade dzesii ne Yehowa ɖo wo ŋu\nYehowa sea ame siwo katã si dzi nyui le la ƒe gbedodoɖawo\nYehowa sea \"ame ƒomeviwo katã,\" siwo si dzi nyui le siwo di be yewoadze sii ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe gbedodoɖawo\nMíate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me ɣesiaɣi\nŊlɔ nu siwo ŋu nàdi be yeaƒo nu tsoe le wò gbedodoɖawo me la ɖi","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july4-10\/mawu-gbedodo%C9%96asela\/","date":"2018-01-18T08:17:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00601.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9923256636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9923256635665894}","num_words":120,"character_repetition_ratio":0.1,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.292,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 3 va se ɖe 30, 2017 la le tata sia me.\nAleke míawɔ agblɔ nya nyuia na sitsoƒedila siwo mekpɔ nya Yehowa haɖe o?\nNe ènye dzila eye mia kple wò ƒomea mieʋu yi dukɔ bubu me la, aleke nàwɔ be mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ nasu viwòwo si woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu? Kpekpeɖeŋu kae ame bubuwo ate ŋu ana?\nAGBEMEŊUTINYA\nTogbɔ be Walter Markin nye tokunɔ hã, ele dzidzɔ kpɔm le Yehowa Mawu subɔsubɔ me eye wòkpɔ dzidzeme geɖe.\nKristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ aɖewo gblẽ lɔlɔ̃ si nɔ wo si gbã la ɖi. Aleke míawɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la nu nagasẽ ɖe edzi?\nYesu fia nu vevi aɖe Petro ku ɖe nu si wòle be wòatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu. Ðe míawo hã míate ŋu awɔ nufiame mawo ke ŋu dɔ egbea?\nAme kae nye Gayo, eye nu ka tae wòhiã be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua egbea?\nNu kae ʋã atsu kple asi aɖe wotso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ? Aleke wowɔe? Nu ka tae woƒe afɔɖeɖe sia na wokpɔ dzidzɔ?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nLe ƒe 1922 ƒe takpekpea megbe la, aleke Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ ɖe yɔyɔ si nye, \"miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la\" dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-may-2017\/","date":"2018-01-21T12:00:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890514.66\/warc\/CC-MAIN-20180121100252-20180121120252-00255.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985816479,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985816478729248}","num_words":218,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dziƒo\nGɔmesese vovovo 3 ye le nya sia ŋu le Biblia me.\nAme geɖe susuna be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Nu ka tututue Biblia fia?\nNu kae Biblia gblɔ tso Mawu ƒe nɔƒe ŋu? Afi ma kee Yesu hã lea?\nMawudɔlawo\nŊkɔ bubu aɖe gale esi, si ɖewohĩ nènya nyuie.\nAbosam Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo\nAfi kae Satana dzɔ tso? Xlẽ nu tso nu si tae Yesu gblɔ be Abosam \"meli ke ɖe nyateƒe la me o\" la ŋu.\nBiblia gblɔ be wonya Abosam ɖa le dziƒo. Afi kae Satana le fifia?\nAleke gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzii, eye aleke nàwɔ aƒo asa na woƒe mɔtetrewo?\nBiblia ɖe nu siwo nana be amegbetɔwo kpea fu la fia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-gb%C9%94gb%C9%94menutowo-me-%C5%8Bu\/","date":"2018-01-23T10:35:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891886.70\/warc\/CC-MAIN-20180123091931-20180123111931-00766.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992020726,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992020726203918}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"APRIL 7, 2014\nUZBEKISTAN\nYehowa Ðasefo siwo le Uzbekistan le mɔ kpɔm be Uzbekistan dziɖuɖumegãwo aɖe mɔ na yewo be yewoawɔ yewoƒe mawusubɔsubɔdɔwo kplamatsɛdodo aɖeke manɔmee. Igor Yurchenko si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Uzbekistan si nɔ Ðasefo siwo do go kple dziɖuɖumegãwo le ƒe 2013 me dome la gblɔ be: \"Míede dzesi be míaƒe nyamedzodzro kple Uzbekistan dziɖuɖumegãwo le afɔ tsɔm nyuie, eye ewɔ na mí be wodi be yewoaɖɔ nɔnɔmeawo ɖo. Míele mɔ kpɔm be nu nyuiwo ado tso nyamedzodzro sia me kpuie.\"\nDzesi nyui aɖe si ɖee fia be ɖewohĩ nɔnɔmeawo le tɔtrɔ ge lae nye ale si Uzbekistan dziɖuɖumegãwo ɖe asi le aƒetɔ Abdubannob Akhmedov ŋu le March 2, 2013 dzi. Ðasefo sia nɔ ga me ƒe ene kple afã ko evɔ ƒe ade kple afã ye woka nɛ hafi. Aƒetɔ Abdubannob Akhmedov nye Ðasefo etɔ̃ siwo wolé de ga ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔ siwo wowɔna le ŋutifafa me ta la dometɔ ɖeka. Woɖe asi le ame eve ya ŋu do ŋgɔ le ƒe 2012 me. Ðasefo aɖeke megale ga me le Uzbekistan fifia o.\nLe ɣleti siwo kplɔ Aƒetɔ Akhmedov ɖeɖe le ga me ɖo me la, Uzbekistan dziɖuɖumegãwo do ŋugbe be yewoatrɔ asi le amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo ŋu woaganyo ɖe edzi wu. Le July 5, 2013 dzi la, Uzbekistan dziɖuɖua na nyanya Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha si léa ŋku ɖe gomenɔamesinyawo ŋu le xexea me tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be yewoawɔ ɖe aɖaŋu si wòɖo be yewonena mawusubɔsubɔ kple dzixɔse ƒe ablɔɖe ame ɖekaɖekawo kple hatsotsowo katã la dzi ameŋkumemakpɔmakpɔe.\nAgbagba Siwo Ðasefowo Dze Be Yewoade Yewoƒe Hame Yeyewo Agbalẽ Me\nVa se ɖe fifia la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖeka koe wode agbalẽ me le Uzbekistan eye hame sia le du si nye Chirchik me le Tashkent-nuto me. Ke hã, Yehowa Ðasefo geɖewo le dukɔa ƒe akpa bubuwo. Esi womete ŋu de hame yeyewo agbalẽ me o tso keke ƒe 1996 me ke ta la, dziɖuɖu ƒe se mekpɔa Ðasefoawo ta ne wokpe hena mawusubɔsubɔ le ŋutifafa me o, eye woate ŋu ahe to na wo ɖe kpekpe siawo ta gɔ̃ hã. Aƒetɔ Yurchenko gblɔ kpee be: \"Míele mɔ kpɔm be nyamedzodzro nyui si yi edzi le mí kple dziɖuɖumegãwo dome la ahe tɔtrɔ aɖewo vɛ si awɔe be míate ŋu ade Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo agbalẽ me le se nu le Uzbekistan dukɔ bliboa me.\"\nYehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be woaɖe mɔ na yewo yewoanɔ mawusubɔsubɔ ƒe kpekpewo wɔm le ŋutifafa me le Uzbekistan eye wole mɔ kpɔm hã be Uzbekistan dziɖuɖumegãwo aɖe mɔ yewoade yewoƒe hame yeyewo agbalẽ me kpuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/uzbekistan\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo-mawusub%C9%94sub%C9%94-%C6%92e-abl%C9%94%C9%96e\/","date":"2018-01-20T05:07:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889325.32\/warc\/CC-MAIN-20180120043530-20180120063530-00404.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985466003,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985466003417969}","num_words":424,"character_repetition_ratio":0.108,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JUNE 11, 2015\nAZERBAIJAN\nYehowa Ðasefowo le biabiam tso xexemedukɔwo si be woade ale si wolé Irina Zakharchenko kple Valida Jabrayilova de ga madzemadzee ƒe nya la me. Nyɔnu eve siawo le ga me tso February 17, 2015 dzi esime Sabail Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe la tso nya me be woanɔ ga me ɣleti etɔ̃ hafi woava drɔ̃ ʋɔnu wo le nya si wotsɔ ɖe wo ŋu be wole mawusubɔsubɔgbalẽwo mam mɔɖeɖemaxɔmaxɔe ta. Nyitsɔ laa la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gatso nya me be nyɔnu siawo naganɔ ga me ɣleti eve akpee.\nNyɔnu Ŋutifafame Siwo Ŋu Wole Nu Wɔm Ðo Abe Nu Vlo Wɔla Vɔ̃ɖiwoe Wonye Ene\nLe December 5, 2014 dzi la, aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova nɔ nu ƒom tso woƒe Biblia me dzixɔsewo ŋu na aƒe gã aɖe me tɔwo le Baku eye kpovitɔwo va lé wo. Kpovitɔwo ɖe asi le nyɔnu eveawo ŋu le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe, gake nyagɔmekulawo samaa wo enuenu hebiaa gbe wo. Le February 17, 2015 dzi la, Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ƒe dɔwɔlawo yɔ nyɔnu siawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo kpata ko le adzame hetsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo. Ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ be wonye \"afɔku na dumeviwo\" ale be woate ŋu alé wo ade ga hafi woava drɔ̃ ʋɔnu wo. Enumake Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo lé nyɔnu siawo tu le woƒe dɔwɔƒegã si le dzedzem le fotoa me le etame.\nTso ɣemaɣi la, Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo ka nyɔnu siawo ƒe aƒe me eye wolɔ woƒe subɔsubɔgbalẽwo, woƒe nuŋlɔɖigbalẽwo, kɔmpiuta kple asitelefon dzoe. Esi nyɔnuawo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe. Eye esi wobia be woaɖe yewo le gaxɔa me asika yewo ɖe aƒe me boŋ la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gagbe eya hã.\nWoƒe Lãmesẽ Kple Dedienɔnɔ Ðo Afɔku Me\nSenyalawo, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsi dzi ɖe nyɔnu eve siawo ƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ ŋu, elabena wode dzesii be nuwo mele wo kpam o. Aƒenɔ Zakharchenko xɔ ƒe 55. Ðɔktawo gblɔ be ƒunukpeƒetetedɔ sesẽ aɖe kple afɔku aɖe si wòdze va yi si gblẽ nu le eƒe ɖusifɔ ŋu vevie la na be eƒe ametia ƒe akpa gãtɔ tu.\nWotsi dzi vevie ɖe nyɔnuawo ƒe seselelãme hã ŋu. Senyala siwo ʋlia nyɔnuawo ta ɖeɖe koe Dudɔwɔƒea ɖe mɔ na be woava nɔ nyɔnuawo kpɔm ɖa. Woƒe ƒometɔwo ate ŋu aɖo nuhiahiãwo abe awuwo, atikewo kple adzalẽwo ɖe wo zi ɖeka pɛ ko le ɣletia me. Woƒe ƒometɔwo ɖo Biblia ɖe wo ale be wo me nyawo nafa akɔ na wo, gake ɖeko Dudɔwɔƒea gbe gbidii.\nAzerbaijan Ava Ðe Mɔ Ðe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Ŋu Gbe Ðeka?\nEsi Dudɔwɔƒea nɔ nya gɔme kum tso aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ŋu la, esama Ðasefo bubu siwo ade 20 ya teti eye wòna woka woƒe aƒe ewo me. Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo kple Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Dɔwɔnyawo Kple Subɔsubɔhawo Ƒe Nyawo Gbɔ ƒe dɔwɔlawo kpakple kpovitɔwo kaa Fiaɖuƒe Akpata, afi si nyɔnuawo subɔa Mawu le la hã me.\nEsi Azerbaijan dziɖuɖumegãwo mena mɔnukpɔkpɔ aɖeke Yehowa Ðasefowo be woaʋli wo ɖokuiwo ta o ta la, wotsɔ woƒe nyawo yi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Dɔdzikpɔƒegã eye wona nyanya xexemehabɔbɔ geɖewo hã ale be woanya nu tso ale si Azerbaijan dziɖuɖua lé aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova de ga madzemadzee hele fu wɔm wo la ŋu. Azerbaijan de asi agbalẽ te be yeawɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe veviwo ŋu la dzi, eye wòƒoa adegbe be yenaa mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe yeƒe dukɔmeviwo.\nYehowa Ðasefowo bia tso Azerbaijan dziɖuɖua si bubutɔe be wòawɔ ɖe ŋugbe si wòdo na xexemedukɔwo be yeade bubu amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu la dzi eye wòaɖe mɔ na Ðasefowo woasubɔ le ŋutifafa me. Wole biabiam tso Azerbaijan dziɖuɖua si be wòaɖe asi le nyɔnu maɖifɔ eve siawo ŋu enumake.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/ful%C3%A9le-mawusub%C9%94sub%C9%94ha-nu-tsitsi\/","date":"2018-02-24T21:08:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815934.81\/warc\/CC-MAIN-20180224191934-20180224211934-00552.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989284277,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998928427696228}","num_words":618,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER 3, 2014\nDENMARK\nCOPENHAGEN le Denmark—Denmark ƒe nyakakadɔwɔƒe gãgãwo gblɔ be ɖɔkta siwo le Fiadua ƒe nutoa me va le tɔtrɔm ɖe ʋuŋudɔwɔwɔ nyuie ƒe mɔnu yeye aɖe ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Kristeligt Dagblad gblɔ be \"woate ŋu awɔ dɔ na dɔnɔ geɖe wu evɔ womado ʋu si amewo na la na wo o.\" Nyadzɔdzɔgbalẽa yi edzi be, \"Yehowa Ðasefowoe na be wova le dɔ wɔm na amewo ʋumadomadoe.\" Yehowa Ðasefo 8,000,000 siwo le xexea me godoo, siwo dome Yehowa Ðasefo 14,000 siwo le Denmark hã le la, dina be woazã atikewɔmɔnu nyuitɔ kekeake na yewo ʋumadomadoe.\nWonya kɔdzi siwo le Denmark be wodoa ʋu siwo amewo nana la na dɔnɔwo wu le xexea me godoo, ame siwo wodoa ʋu na tea ŋu sɔa gbɔ wu esiwo Europa-dukɔ bubuwo ƒe kɔdziwo dona na la zigbɔzi eve gɔ̃ hã. Ke hã, Politiken si nye nyatakakadzraɖoƒe si dzi wogblɔa nyadzɔdzɔwo le ƒe nyati si nye \"Dɔwɔwɔ Na Ame Ʋumadomadoe Le Ta Kekem\" gblɔ be: \"Yehowa Ðasefowo ƒoe ɖe ɖɔktawo nu wova le atikewɔmɔnu yeyewo ŋu dɔ wɔm\" siwo to vovo na atikewɔmɔnu siwo me wozãa ʋu si amewo nana le la zi geɖe. Ðɔkta aɖewo va te amekomɔnu siwo me ʋu medona le ame ŋu fũu o zazã na Ðasefowo ƒe dɔnɔwo. Mɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye atike siwo nye erythropoietin kple iron (fer) kple vitamin B dodo na dɔnɔa do ŋgɔ na dɔwɔwɔ nɛ alo atike ƒomevi aɖewo dodo na dɔnɔa le dɔa wɔɣi. Nyadzɔdzɔgbalẽ (The Copenhagen Post) aɖe gblɔ be \"ƒe sia ƒe la, wokoa dzi na Yehowa Ðasefo atɔ̃ alo ade le Aarhus Yunivɛsiti Kɔdzi Skejby\" evɔ womezãa ʋu siwo amewo nana la na wo o.\nÐɔkta siwo le Denmark gblɔ hã be numekuku geɖewo va le eɖem fia be afɔku gã aɖewo le ʋudodo me. Kɔdzi si woyɔna be Rigshospitalet, si le Copenhagen, de ɖoɖo aɖe to me le ƒe 2009 me si nye be woakpɔ egbɔ be ʋu boo mado le dɔnɔwo ŋu le dɔwɔwɔ na wo me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Berlingske gblɔ be ɖoɖo sia na be ʋu si amewo nana la dodo na amewo dzi ɖe kpɔtɔ zã eye esia wɔe be dɔnɔwo \"megadoa go kuxi boo le dɔwɔwɔ na wo me o, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe kuna.\" Eye kɔdzi siwo le Fiadua ƒe nutoa me ƒe akpa gãtɔ hã va da asi ɖe ɖoɖo sia dzi ɣeyiɣi aɖee nye esia, eye kɔdzi siwo le nuto bubuwo me hã le ɖoɖo wɔm be yewo hã yewoadze egɔme.\nNyadzɔdzɔgbalẽ si nye Berlingske hã gblɔ ale si Ðɔkta Morten Bagge Hansen, si nye numekula kple ʋu siwo amewo nana la dzraɖoƒe dzi kpɔla le Rigshospitalet kɔdzi gblɔ be ale si woɖe ʋudodo dzi kpɔtɔ zã le Denmark la nye \"ŋgɔyiyi gã aɖe si aɖe vi gbogbo aɖe na dɔnɔwo.\" Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wogblɔ le Denmark Radio dzi kple nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Kristeligt Dagblad hã me be Ðɔkta Astrid Nørgaard, si nye Atikewɔlawo ƒe Amegã le Rigshospitalet kɔdzi, gblɔ be \"Yehowa Ðasefowo tɔ manɔmee la, mímaɖo afi si míeɖo fifia le dɔwɔwɔ na amewo ʋumadomadoe ƒe nyawo me o.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nDenmark: Erik Jørgensen, tel. +45 59 45 60 00","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/denmark\/d%C9%94w%C9%94w%C9%94-na-ame-%CA%8Bumadomadoe\/","date":"2018-02-24T17:46:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815918.89\/warc\/CC-MAIN-20180224172043-20180224192043-00284.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991819859,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991819858551025}","num_words":529,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nFiaɖuƒea Nye Ame Si Tɔ Wònye Le Se Nu La Tɔ\nYesue nye 'ame si tɔ fiaɖuƒea nye le se nu,' si na Ezekiel ƒe nyagblɔɖia va eme.\n-\n1Mo 49:10\nƑome ka mee Mesia la tso?\n-\n2Sa 7:12, 16\nAme ka ƒe fiaɖuƒee ali ke tegbee?\n-\nMt 1:16\nAme kae Mateo gblɔ be eyae anye dzidzime si me Mesia la ado tso le se nu?\nNu kae nèsrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòɖoe be yeaɖo Yesu ƒe fiaɖuƒea anyi le se nu la me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july24-30\/fia%C9%96u%C6%92ea-nye-ame-si-t%C9%94-w%C3%B2nye\/","date":"2018-02-19T09:58:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00748.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999794066,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999794065952301}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.305,"stopwords_ratio":0.319,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Flavius Josephus, si nye ŋutinyaŋlɔla le ƒe alafa gbãtɔ me, ƒe agbalẽ si nye Jewish Antiquities, Babla 20 lia me la, eƒo nu tso \"Yakobo\" ƒe ku ŋu eye wògblɔ be \"enye Yesu, ame si woyɔna be Kristo la, nɔvi.\" Agbalẽnyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be Josephus ye ŋlɔ nya siawo. Gake ɖewo ke ɖi nya bubu si wògblɔ ku ɖe Yesu ŋu le eƒe agbalẽ ma ke me. Nuŋlɔɖi ma, si woyɔna be Testimonium Flavianum, gblɔ be:\n\"Ɣemaɣi la, Yesu, ame si nya nu ŋutɔ la nɔ nukudɔwo wɔm—eyɔyɔ be ame mede edeƒe hafi o. Enye nufiala si ƒe nyawo dea dzi gbɔ na nyateƒea xɔlawo. Ehe Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔ geɖewo ɖe eɖokui ŋu. Eyae nye Kristo [la]; eye esi míaƒe ame ŋkutawo ƒoe ɖe Pilato nu wògblɔ be woaklãe ɖe atitsoga ŋu la, ame siwo lɔ̃e tso gɔmedzedzea me la megblẽe ɖi o, elabena eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke etɔ̃agbe esi wofɔe ɖe tsitre, abe ale si tututu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔ esia kple nyagblɔɖi akpe bubu geɖewo ɖi tso eŋu la ene; ke etɔ siwo woyɔna be Kristotɔwo kpɔtɔ li va se ɖe egbegbe.\"—Josephus—The Complete Works, si gɔme William Whiston ɖe.\nTso ƒe alafa 16 lia ƒe nuwuwu ke la, ame siwo xɔe se be Josephus ye ŋlɔ nya siawo kple ame siwo mexɔe se o la ʋli nya le wo nɔewo dome vevie. Franseawo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla, Serge Bardet, dze agbagba be yeakpɔ ta na nya si ʋlim amewo le ƒe alafa geɖee nye esia la. Eŋlɔ nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖe eƒe agbalẽ aɖe me; agbalẽa ƒe tanyae nye Le Testimonium Flavianum—Examen historique considérations historiographiques (Testimonium Flavianum La Ƒe Ŋutinya Me Kuku Tsitotsito).\nMenye Kristotɔe ŋutinyaŋlɔla Josephus nye o. Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔlae wònye; eya ta nu si he nyaʋiʋlia vɛ koŋue nye ale si wòyɔ Yesu be eyae nye \"Kristo la.\" Le Bardet ƒe numekuku me la, egblɔ be asitɔnudzinyakui si Josephus zã la \"sɔ pɛpɛpɛ ɖe ale si woŋlɔa amewo ƒe ŋkɔ le Helagbe me nu.\" Bardet gblɔ kpee be, le Yudatɔ siwo nye Kristotɔwo gome la, \"Christos si Josephus zã la menye nu wɔmoya aɖeke o,\" evɔ esia tututue nye nya vevi \"si dzi ɖikela akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu vodadatɔe.\"\nÐe wòanye be ameflula aɖee ŋlɔ nya mawo be wòadze abe Josephus ƒe nuŋlɔɖiwoe wonye enea? Bardet wɔ numekuku le ŋutinya kple nuŋlɔɖiawo ŋutɔ ŋu eye wòƒo nya ta be esia manya wɔ o, elabena \"atsyã si Josephus tsɔ ŋlɔa nui la le etɔxɛ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu asrɔ̃e pɛpɛpɛ nenema gbegbe o.\"\nKe nu ka ƒe ɖi kem amewo kpɔtɔ le? Bardet ke ɖe nyaa ƒe ke ŋu, eye wògblɔ be, \"amewo le ɖi kem le Testimonium la ŋu wu blemanuŋlɔɖi bubuawo katã le esi wotsɔ nya ɖe Testimonium la ŋu ta ko.\" Egblɔ kpee be \"amewo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu\" dzie wonɔ te ɖo le nya hem le ƒe alafa geɖe siawo katã me le esi womedi be yewoaxɔ nyateƒenya sia dzi ase be Yesue nye Kristo la o ta.\nMíenya ne Bardet ƒe numekuku siawo ana agbalẽnyalawo natrɔ nukpɔsusu si le wo si ku ɖe Testimonium Flavianum la ŋu ya o. Gake esia kpɔ ŋusẽ ɖe Pierre Geoltrain, si nya nu tso Yudatɔ siwo srɔ̃ blema Helatɔwo ƒe kɔnuwo kpakple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya ŋu la dzi. Tsã la, meda asi ɖe Testimonium la dzi kura o, eye wòɖua fewu le ame siwo xɔ emenyawo dzi se la ŋu gɔ̃ hã. Gake etrɔ susu. Egblɔ be Bardet ƒe numekukuae na yetrɔ susu. Geoltrain gblɔ be, \"tso fifia la, ame aɖeke megate kpɔ be yeake ɖi Josephus ƒe nuŋlɔɖiawo azɔ o.\"\nKpeɖodzi si de ŋgɔ wu bubu ɖe sia ɖe dzie Yehowa Ðasefowo ya nɔ te ɖo xɔe se be Yesue nye Kristo la—eyae nye Biblia la ŋutɔ me nyawo.—2 Tim. 3:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130315\/josephus-ye-%C5%8Bl%C9%94-testimonium-flavianum\/","date":"2018-03-21T17:18:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984728098,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984728097915649}","num_words":636,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Saul viŋutsu tsitsitɔ Yonatan nye aʋakalẽtɔ. David gblɔ be Yonatan zã wu hɔ̃ eye wòsesẽ wu dzata. Gbe ɖeka la, Yonatan kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔla 20 le to aɖe dzi. Egblɔ na eƒe adekplɔvi be: 'Míadze wo dzi ne Yehowa na dzesi mí. Ne Filistitɔwo gblɔ na mí be míava la, ekema ele be míadze wo dzi.' Filistitɔawo do ɣli be: 'Miva wɔ aʋa kpli mí!' Eya ta wo ame evea lia toa eye woɖu Filistitɔawo dzi.\nEsi Yonatan ye nye Saul viŋutsu tsitsitɔ ta la, eyae wòle be wòazu fia ɖe fofoa yome. Gake Yonatan nyae be Yehowa tia David be wòanye Israel-fia yeyea; ke hã meʋã ŋu o. Yonatan kple David zu xɔlɔ̃ veviwo. Wodo ŋugbe be yewoakpɔ yewo nɔewo ta ahaʋli yewo nɔewo ta. Yonatan tsɔ eƒe awu, yi, dati kple alidziblanu na David tsɔ ɖo kpe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dzi.\nEsi David nɔ sisim le Saul nu la, Yonatan yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be: 'Lé dzi ɖe ƒo, mègavɔ̃ o. Yehowa tia wò be nànye fia. Fofonye gɔ̃ hã nya esia nyuie.' Àdi be xɔlɔ̃ nyui aɖe nanɔ ye si abe Yonatan enea?\nYonatan de eƒe agbe afɔku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã yi ɖakpe ɖe exɔlɔ̃a ŋu. Enya be Fia Saul di be yeawu David eya ta egblɔ na fofoa be: 'Nu vɔ̃e wònye be nàwu David elabena mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.' Saul do dziku ɖe Yonatan ŋu vevie. Ƒe aɖewo megbe la, Saul kple Yonatan siaa ku le aʋa aɖe me.\nLe Yonatan ƒe ku megbe la, David di Yonatan viŋutsu Mefiboset yome mɔ. Esi David ke ɖe Mefiboset ŋu la, egblɔ nɛ be: 'Esi fofowò nye xɔ̃nye vevi ta la, malé be na wò le wò agbe me katã. Ànɔ nye fiasã me eye àɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.' David meŋlɔ exɔlɔ̃ Yonatan be gbeɖe o.\n'Milɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.'—Yohanes 15:12, 13","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/7\/yonatan-david\/","date":"2018-03-21T17:17:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973550439,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997355043888092}","num_words":332,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ao. Míeɖea gbeƒã na amewo edziedzi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, gake míebunɛ be dɔ ma wɔwɔe ana míakpɔ ɖeɖe o. (Efesotɔwo 2:8) Nu ka tae?\nBu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe kpe amewo be woava teƒe aɖe le ŋkeke aɖe koŋ dzi ava xɔ nunana xɔasi aɖe. Ne èxɔ ŋutsua ƒe ŋugbedodoa dzi se la, ɖe màwɔ ɖe eƒe nyawo dzi oa? Àwɔe godoo! Kakaɖedzitɔe la, àgblɔ ŋugbedodo sia ŋu nya na xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo ale be wòaɖe vi na woawo hã. Menye esi nèva teƒea eye nèva ɖe gamea dzi tae na nèdze na nunana ma xɔxɔ o. Ke boŋ esi ŋutsua di be yeatsɔ nunana la ana wò tae wòtsɔe na wò ɖo.\nNenema kee, Yehowa Ðasefowo xɔ ŋugbe si Mawu do be yeana agbe mavɔ ame sia ame si ɖoa to ye la dzi se. (Romatɔwo 6:\nEɖe mí, menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si míawo míewɔ la ta o, ke boŋ le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/tso-%CA%8B%C9%94tru-nu-yi-%CA%8B%C9%94tru-nu-lae-ana-miadze-na-%C9%96e%C9%96ekp%C9%94kp%C9%94a\/","date":"2018-03-19T05:29:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257646375.29\/warc\/CC-MAIN-20180319042634-20180319062634-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975020885,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975020885467529}","num_words":165,"character_repetition_ratio":0.003,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nye Ʋɔnudrɔ̃gbe la?\nLe Biblia-ŋlɔɣiwo la, Mawu zã ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ ɖe eƒe amewo tso ame siwo nɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo ŋu la si me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18) Biblia gblɔ be dzidzɔɣie Ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna la anye. Ɣemaɣi la, Yehowa, anyigba bliboa ƒe Ʋɔnudrɔ̃laa, aɖe ameƒomea tso nu madzɔmadzɔ siwo me tom wole la me.—Xlẽ Psalmo 96:12, 13; Yesaya 26:9.\nMawu ɖo Yesu agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃lae. (Dɔwɔwɔwo 10:42; 17:31) Ame gbogbo aɖewo ku evɔ womenya naneke tso Mawu ŋu o. Le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, Yesu afɔ ame mawo ɖe tsitre ale be woate ŋu anya Mawu vavã la ahalɔ̃e.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.\nNu ka tae Ʋɔnudrɔ̃gbea axɔ ƒe akpe ɖeka?\nWoafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le ƒe akpe ɖeka la me. (Nyaɖeɖefia 20:4, 12) Woahiã ɣeyiɣi be woatsɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe mɔwo ŋu ahaɖo to eyama. Biblia gblɔ be nu siwo amewo awɔ le woƒe tsitretsitsia megbe la nue woadrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo, ke menye ɖe nu si wowɔ hafi ku la nu, abe ale si ame geɖe susuna ene o.—Xlẽ Romatɔwo 6:7.\nBiblia gaƒo nu tso ʋɔnudrɔ̃ŋkeke aɖe si ava le vo me hafi ƒe akpe ɖekaa nadze egɔme la hã ŋu. Wogayɔa ŋkeke ma be nuwuwu la, abe ale si wodzro emee le magazine sia ƒe nyati gbãtɔwo me ene. Le ŋkeke ma dzi la, Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi, siwo mevɔ̃a Mawu o la ɖa. (2 Petro 3:7) Esia tae wòle vevie be míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu.—Xlẽ 2 Petro 3:9, 13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150501\/%C6%92e-1000\/","date":"2018-06-19T16:32:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863100.8\/warc\/CC-MAIN-20180619154023-20180619174023-00567.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986233711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986233711242676}","num_words":234,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi miexɔ Mawu ƒe nya . . . la, miexɔe . . . abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si tututu wòle hã ene.—1 Tes. 2:13.\nYehowa subɔlawo dea asixɔxɔ gã Mawu ŋutɔ ƒe agbalẽ kɔkɔe si nye Biblia ŋu. Esi míede blibo o ta la, wotsɔa Ŋɔŋlɔawo ɖoa aɖaŋu na mí ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea la, nu kae míawɔ? Bu Ewodia kple Sintike, siwo nye Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, ŋu kpɔ. Kuxi sesẽ aɖewo ɖo nyɔnu eve siawo siwo nye amesiaminawo la dome. Masɔmasɔ si ɖo Ewodia kple Sintike dome la ate ŋu agblẽ hame bliboa ƒe ŋutifafa me. Biblia megblɔ ale si woƒe nyaa va wu enui na mí o, gake anɔ eme be nɔvinyɔnu siawo lɔ̃ faa wɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na wo lɔlɔ̃tɔe la dzi. (Flp. 4:2, 3) Masɔmasɔwo ate ŋu aɖo Yehowa ƒe amewo dome le hameawo me egbea hã. Ke hã, ne míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me dzi la, míate ŋu akpɔ kuxi mawo gbɔ le mía nɔewo dome alo míate ŋu aƒo asa na wo gɔ̃ hã. Eye ne míedea asixɔxɔ gã Yehowa ŋutɔ ƒe Agbalẽa ŋu la, ekema míawɔ ɖe mɔfiame siwo le eme la dzi.—Ps. 27:11. w16.11 3:1-3\nNe dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.—Lod. 24:10.\nLe nyateƒe me la, ehiã be woade dzi ƒo na mí katã. Eye ele vevie ŋutɔ be dzilawo nanɔ dzi dem ƒo na wo viwo. Timothy Evans si nye nufiala gblɔ be: \"Dzidede ƒo na ɖeviwo le vevie . . . abe ale si ko wòle vevie be woanɔ tsi dem nu miemiewo ene. Dzidede ƒo na ɖeviwo nana wokpɔnɛ be wodea asixɔxɔ yewo ŋu eye wotsɔ ɖe le eme na yewo.\" Gake ɣeyiɣi sesẽwo mee míele. Amewo nye ɖokuitɔdilawo, womelɔ̃a ame ƒe nya o, eye ƒãa hafi wodea dzi ƒo na ame. (2 Tim. 3:1-5) Satana Abosam dina be yeaɖe dzi le mía ƒo, elabena enya be dziɖeleameƒo ate ŋu ana míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye wòagblẽ nu le mía ŋu le mɔ bubuwo hã nu. Satana he fukpekpe geɖe va Hiob dzi eye wòna amewo tso enu kple susu be dzi naɖe le Hiob si nye ame dzɔdzɔe la ƒo, gake eƒe tameɖoɖo vɔ̃ ma medze edzi o. (Hiob 2:3; 22:3; 27:5) Míate ŋu akpe akɔ kple Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃awo ne míedea dzi ƒo na míaƒe ƒomea me tɔwo kple nɔvi siwo le hamea me. Esia ana míaƒe ƒomea kple Fiaɖuƒe Akpataa me nanye afi si míekpɔa dzidzɔ henɔa dedie le. w16.11 1:4, 6\n[Mawu] yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me.—1 Pet. 2:9.\nLe ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze la, dzinɔameƒotɔ ʋɛ aɖewo ɖoe wo ɖokui dzi ɖe Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe gbe siwo ame akpa gãtɔ dona me. Eye esi Biblia va nɔ agbɔ sɔm la, amewo nɔ exlẽm. Esi wonɔ exlẽm la, wobiaa nyawo abe esiawo ene: 'Afi kae woƒo nu tso ŋutiklɔdzo ŋu le le Mawu ƒe Nyaa me? Afi kae Biblia gblɔ le be woaxe fe ɖe misawɔwɔ na ame kukuwo ta? Biblia ƒe akpa kae ƒo nu tso papawo kple papatenɔlawo ŋu?' Hakplɔlawo do dziku be amewo nɔ nya siawo biam. Mɔ kae amewo kpɔ be woabia nya mawo yewo? Ha la ho aʋa ɖe wo ŋu le goawo katã me. Wotsoa kufia na ŋutsu kple nyɔnu siwo tsi tsitre ɖe ha la ƒe nufiafiawo ŋu. Ha la tsoa kufia na wo, eye Dukɔa kpɔa egbɔ be wowu wo. Woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖe dzi le amewo ƒo be woaganɔ Biblia xlẽm ale be woava nɔ nya biam yewo o. Woƒe tameɖoɖoa dze edzi na wo ŋutɔ. Ke hã, ame ʋɛ aɖewo siwo ƒo dzi nɔ la mevɔ̃ Babilon Gã la ƒe ŋɔdzidodowo o. Esi wonya ɖɔ Mawu ƒe Nyaa kpɔ ko la, eva nɔ wo dzrom vevie! w16.11 4:13","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-11-21T12:21:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039748315.98\/warc\/CC-MAIN-20181121112832-20181121134832-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980697036,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998069703578949}","num_words":625,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dze agbagba nàkpɔ nudzɔdzɔawo le susu me abe ɖe nèle wo teƒe ene ne èle Biblia me ŋutinyawo dometɔ ɖe sia ɖe xlẽm le Internet dzi alo nèle woƒe PDF si nèta la xlẽm! Eyome miaƒe ƒomea nazã biabia siwo le ŋutinyaa ƒe nuwuwu atsɔ adzro nufiame siwo le ŋutinyaa me la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-me-%C5%8Butinyawo-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94metata\/","date":"2018-12-11T07:55:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823588.0\/warc\/CC-MAIN-20181211061718-20181211083218-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994943142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994943141937256}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo xɔe se be Mawu mekpɔa fu siwo kpem míele o eye metsɔa ɖeke le eme hã o.\nDE ŊUGBLE LE NYA SI BIBLIA GBLƆ ŊU KPƆ\nMawu kpɔa fu siwo kpem míele eye wòtsɔa ɖe le eme\n\"Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo ɖe anyigba la dzii, . . . eye wògbã dzi nɛ.\"—1 Mose 6:5, 6.\nMawu atsi fukpekpewo katã nu\n\"Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\"—Psalmo 37:10, 11.\nNu si dim Mawu le na wò\n\"Yehowa be, 'Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi. Miayɔm, miava do gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.'\"—Yeremiya 29:11, 12.\n\"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.\"—Yakobo 4:8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2018-sep-oct\/mawu-e%C9%96okui-me-w%C3%B2-fukpekpewo-%C5%8Bu\/","date":"2019-01-16T19:11:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583657557.2\/warc\/CC-MAIN-20190116175238-20190116201238-00508.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983209372,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983209371566772}","num_words":154,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.288,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video siwo ƒe kɔpi mèkpɔ wɔ o la ƒe amadede anɔ flukpee. Zi video si nèdi la dzi ne wòawɔ eƒe kɔpi na wò tso jw.org. Ne èdi be yeawɔ video siwo katã dze le afi ma ƒe kɔpi la, zi Wɔ Wo Katã Ƒe Kɔpi dzi. Ne èdi be yeatutu video aɖe le wò mɔ̃a dzi la, zi edzi eteƒe nadidi vie (zi edzi eye wò asibidɛ nanɔ edzi).","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-library-sign-language\/Ale-Si-N%C3%A0w%C9%94-Videowo-%C6%91e-K%C9%94pi-B%C9%94b%C9%94e\/","date":"2019-06-20T15:26:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966142178,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966142177581787}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1962\nDUKƆ SI ME WÒTSO: Canada\nAME SI WÒNYE TSÃ: Agbe gbegblẽ nɔla\nNYE ŊUTINYA\nWodzim le Montreal, le Canada ƒe nuto si nye Quebec la ƒe du gãtɔ me. Mía dzila lɔlɔ̃awo he nye kple nɔvinye etɔ̃awo le Rosemont ƒe nuto nyakpɔ la me. Míenɔ anyi le dziɖeɖi kple ŋutifafa me ɖekae.\nEsime menye ɖevi la, Biblia xexlẽ dzɔa dzi nam. Meɖo ŋku edzi be esime mexɔ ƒe 12 la, mexlẽa Yesu ƒe ŋutinyawo le Nubabla Yeyea me, eye mesea vivi nɛ ŋutɔ. Yesu ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe eye medi be manɔ abe eya ene. Gake nublanuitɔe la, didi sia nu va tsi esi menɔ tsitsim eye meva te hadede kple ame gbegblẽwo.\nFofonye nye kpẽkula, eye etsɔ eƒe kpẽa nam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒã halɔlɔ̃ hã ɖe menye, si wɔe be haƒoƒo va zu nu vevitɔ nam le agbe me. Mesea vivi na haƒoƒo ale gbegbe be mesrɔ̃ dzitaaƒoƒo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Eteƒe medidi o, nye kple xɔ̃nye ʋɛ aɖewo míeɖo hadziha, eye míedzia ha le wɔna geɖewo me. Hadzidziŋudɔwɔla xɔŋkɔwo dze ŋku ɖe mía ŋu eye wogblɔ be yewoado míaƒe hawo ɖe ŋgɔ. Mewɔ dɔ kple adzɔha gã aɖe si léa ha ɖi. Nye hawo va de du eye woƒoa wo zi geɖe le radio dzi le Quebec.\nEwɔ nam be nu sia nu si medi la su asinye. Menye ɖekakpui xɔŋkɔ, eye menɔ ga geɖe wɔm tso nu si melɔ̃ la wɔwɔ me. Le ŋkeke me la, meva xɔa hehe le kamedeƒe, wobiaa gbem le amewo ŋkume, meyia wɔna siwo me amewo xɔa nye asidedenute ƒe dzesi le, eye medzena le television dzi wɔnawo me. Le zã me la, medzia ha eye meyia aglotuƒewo. Be dzi nanɔ ƒonye le amehawo ŋkume la, mete aha sesẽ nono le nye ɖekakpuime, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm. Mewɔa nu yakayaka eye menɔa agbe gbegblẽ hã.\nAme aɖewo ʋãa ŋum, elabe edzena abe mele dzidzɔ kpɔm ene. Gake le ememe la, mesena le ɖokuinye me be nu vevi aɖe gakpɔtɔ nam le agbe me, vevietɔ ne nye ɖeka meli. Meléa blanui eye metsia dzimaɖi. Nublanuitɔe la, esi nu nɔ edzi dzem nam wu la, ɖikanàkudɔ wu nye hadzikpɔla eve. Dzidzi ƒom ŋutɔ! Togbɔ be melɔ̃ hadzidzi hã la, agbe si ƒomevi hadzilawo nɔna la nyɔa ŋu nam.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ\nTogbɔ be mekpɔ dzidzedze alea hã la, menya be nane menɔ edzi yim nyuie kura le xexea me o. Aleke wɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nabɔ alea gbegbe? Nu ka tae Mawu mele afɔ aɖeke ɖem be yeatsɔ akpɔ egbɔ o? Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ ŋuɖoɖoawo. Ɣeaɖeɣi esi meyi ɖadzi ha le teƒeteƒewo hetrɔ gbɔ la, megadze Biblia xexlẽ gɔme ake. Togbɔ be nyemese nu siwo mexlẽ la ƒe akpa gãtɔ gɔme o hã la, meƒo nya ta be xexea ƒe nuwuwu anya ɖo vɔ.\nEsime menɔ Biblia xlẽm la, meva kpɔe be ɣeaɖeɣi la, Yesu tsi nu dɔ ŋkeke 40 le gbedadaƒo. (Mateo 4:1, 2) Megblɔ na ɖokuinye be ne nye hã mewɔ nenema ke la, ɖewohĩ Mawu aɖe ame si wònye la afiam, eya ta meɖo ŋkeke. Esi wòsusɔ kwasiɖa eve ne madze nye nutsitsidɔa gɔme la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nam, eye mena woge ɖe eme abe ɖe menɔ mɔ kpɔm na wo xoxo ene. Mekpɔ Ðasefoawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Jacques la ŋkume hebiae be, \"Aleke míawɔ anya be míele xexe sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me?\" Eʋu eƒe Biblia eye wòxlẽ 2 Timoteo 3:1-5 tsɔ ɖo nyabiasea ŋu nam. Megalɔ nyabiase gbogbo aɖewo kɔ ɖe wo dzi, eye woƒe nyaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi siwo me susu le eye wo me kɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Le sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo megbe la, meva de dzesii be megahiã be matsi nu adɔ o.\nÐasefoawo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim edziedzi. Emegbe mekpa nye ɖa legbea eye meva nɔ kpekpeawo katã dem le Fiaɖuƒe Akpata me. Ale si amewo xɔm alɔ evee le kpekpe siawo me la gana meka ɖe edzi be meke ɖe nyateƒea ŋu azɔ.\nGake hafi mate ŋu awɔ nu siwo srɔ̃m menɔ le Biblia me dzi la, ele be mawɔ tɔtrɔ gãwo le nye agbenɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ele be madzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã kple agbe gbegblẽ nɔnɔ. Azɔ hã, ele be maɖe asi le ɖokuiŋudzedze ƒe nɔnɔmea ŋu eye matsɔ ɖe le eme na ame bubuwo geɖe wu. Esi menye dzilaɖekɛ ta la, eva hiã be masrɔ̃ ale si makpɔ vinye eveawo ƒe seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. Eya ta meɖe asi le nye hadzidzidɔa ŋu eye meva nɔ dɔ si ƒe fetu ɖiɖi wu kura la wɔm.\nTɔtrɔ siawo katã wɔwɔ menɔ bɔbɔe o. Esime menɔ agbagba dzem be maɖe asi le atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu la, asiɖeɖe le nu muame mawo ŋu ƒe kuxiwo va nɔ fu ɖem nam, eye medzudzɔna sẽe ko agadze egɔme. (Romatɔwo 7:19, 21-24) Asiɖeɖe le agbe gbegblẽ nɔnɔa ŋu koŋue sesẽ nam ale gbegbe. Nye dɔ yeyea hã nana ɖeɖi tea ŋunye, eye fetua mede ame dzi kura o. Exɔa ɣleti etɔ̃ hafi metea ŋu kpɔa ga si mekpɔna le gaƒoƒo eve me esime menye hadzila.\nGbedodoɖa kpe ɖe ŋunye medo vevie nu le tɔtrɔ sesẽ siawo wɔwɔ me. Mekpɔe hã be Biblia xexlẽ edziedzi ɖe vi nam. Mawunyakpukpui aɖewo koŋ de dzi ƒo nam ale gbegbe. Wo dometɔ ɖekae nye 2 Korintotɔwo 7:1, si de dzi ƒo na Kristotɔwo be 'woakɔ wo ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.' Mawunyakpukpui bubu si na mekpɔ kakaɖedzi be mate ŋu aɖe asi le nye numame gbegblẽawo ŋue nye Filipitɔwo 4:13, si gblɔ be: \"Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.\" Yehowa Mawu ɖo nye gbedodoɖawo ŋu, eye wòkpe ɖe ŋunye mese Biblia me nyateƒea gɔme mlɔeba eye metsɔ wo de dɔwɔwɔ me. Esia ʋãm metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe nɛ. (1 Petro 4:1, 2) Mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le ƒe 1997 me.\nVIÐE SIWO MEKPƆ\nMeka ɖe edzi be ne ɖe meyi nye agbenɔnɔ tsãtɔ dzi la, anye ne meku xoxo. Gake fifia, meva le dzidzɔ vavãtɔ kpɔm! Srɔ̃nye lɔlɔ̃a Elvie nye yayra gã aɖe nam. Mí ame evea míenye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo eye míesea vivi na Biblia fiafia amewo ŋutɔ. Esia nana mekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe. Medaa akpe na Yehowa ale gbegbe ɖe ale si wòhem va eɖokui gbɔ ta.—Yohanes 6:44.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/biblia-le-amewo-%C6%92e-agben%C9%94n%C9%94-tr%C9%94m\/hadzila-kp%C9%94dzidzedze-susu-be-yekp%C9%94-nu-si-yedi\/","date":"2019-06-16T16:08:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998250.13\/warc\/CC-MAIN-20190616142725-20190616164725-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992558956,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999255895614624}","num_words":1063,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me be: \"Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu.\" (Mt 6:25) Togbɔ be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ madeblibo siwo le Satana ƒe xexea me tsia dzi ɣeaɖewoɣi hã la, Yesu le nu fiam eyomedzelawo be woadzudzɔ dzimaɖitsitsi fũu akpa. (Ps 13:2) Nu ka tae? Elabe dzimaɖitsitsi fũu akpa ɖe gbe sia gbe nuhiahiãwo ŋu gɔ̃ hã ate ŋu ana míaƒe susu nadzo le Fiaɖuƒea dzi eye wòasesẽ na mí be míadii gbã. (Mt 6:33) Nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu be míadzudzɔ dzimaɖitsitsi madzemadzee.\nMt 6:27—Nu ka tae dzimaɖitsitsi fũu akpa nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ gbegblẽ? (w05 11\/1 22 mm. 5)\nNu kae ŋue madi be madzudzɔ dzimaɖitsitsi le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan15-21\/midzudz%C9%94-dzima%C9%96itsitsi\/","date":"2019-06-27T00:50:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000609.90\/warc\/CC-MAIN-20190626234958-20190627020958-00142.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976059794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976059794425964}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.143,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu la, ele be wòatsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ. (1Pe 3:21) Yehowa kpɔa ame siwo nɔa agbe ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe nu la ta le gbɔgbɔ me. (Ps 91:1, 2) Yehowae Kristotɔwo ɖea adzɔgbe na ke menye na ame, dɔ alo habɔbɔ aɖeke o. Le esia ta, ele be nusrɔ̃viwo nasrɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.—Ro 14:7, 8.\nALE SI NÀWƆE:\nDe dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòaɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ eƒe gbɔgbɔmetaɖodzinu. Kpe ɖe eŋu hã be wòaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo kaba abe nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo alo ɖaseɖiɖi na aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo ene. Ðo ŋku edzi be Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Nyɔnyrɔxɔxɔ nye nu si ŋu ame ŋutɔ atso nya me le.—5Mo 30:19, 20\nKpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã be wòado dzidzɔ na Yehowa ale be wòadze na nyɔnyrɔxɔxɔ. (Lod 27:11) Esi wònye be nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo tea ŋu ƒoa ke ɖe to ɖe ame me ta la, ahiã be nàyi edzi anɔ kpekpem ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖe amenyenye xoxoa ɖa ahado yeyea. (Ef 4:22-24) Dzro \"Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm\" ƒe nyati aɖewo siwo dzena le Gbetakpɔxɔ me la me kplii.\nGblɔ dzidzɔ siwo nèkpɔ esi nèle Yehowa subɔm la nɛ.—Yes 48:17, 18","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug1-7\/biblia-nusr%C9%94%CC%83viwo-adz%C9%94gbe%C9%96e%C9%96e-ny%C9%94nyr%C9%94\/","date":"2019-06-20T15:03:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00231.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984244108,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984244108200073}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER (DZOME) 7, 2015\nUNITED STATES (ÉTATS-UNIS)\nNEW YORK—Yehowa Ðasefowo le woƒe teƒe siwo le Dumbo kple Brooklyn Heights si le Brooklyn le New York, siwo amewo le mɔ kpɔm na vevie be yewoaƒle la dzram. Asiƒoƒo ƒe wɔnawo dze egɔme ku ɖe teƒe si nye 85 Jay Street si nye Brooklyn ƒe akpa gãtɔ siwo dzi womewɔ dɔ ɖo o la dometɔ ɖeka kple mlɔƒe si nye dziƒoxɔ dzisasrã-ewo si le 124 Columbia Heights la ŋu. Wole afi si woƒe dɔwɔƒegã le fifia si nye 25\/30 Columbia Heights la hã dzram. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Nunɔamesiwo Dzadzra Ƒe Dɔwɔƒee le teƒe etɔ̃ siawo dzadzra ƒe ɖoɖoa dzi kpɔm, eye wokpɔ mɔ be adzra wo vovovo.\nRichard Devine, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela aɖe, gblɔ tso anyigba si ƒe kekeme nye meta 12,500 togodo si le 85 Jay Street ŋu be: \"Teƒea xɔ Dumbo-nutoa ƒe akpa gã aɖe eye teƒe si woxɔ mɔɖeɖe be woate ŋu awɔ dɔ ɖo la keke meta 93,000 togodo kloe.\"\nÐasefowo ƒe mlɔƒe aɖe le teƒe si keke meta 14,000 togodo le 124 Columbia Heights si le afi si amewo ɖia tsa le le Brooklyn Heights nuto ɖedzesi la me. Aƒetɔ Devine gblɔ be: \"Enye xɔ ɖedzesi aɖe, eye ne wole Brooklyn Ana dzi, Ablɔɖe Ƒe Kpetata kple Anyigbe Manhattan kpɔe la, enya kpɔna ŋutɔ.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la le 25\/30 Columbia Heights (foto etametɔ) ƒe geɖee nye esia, eye New York dua me tɔ geɖewo nyae nyuie le Gbetakpɔxɔ ƒe dzesi ɖedzesi la kple gaƒoɖokui si le afi ma la ta. Xɔ sia xɔ teƒe si keke wu meta 68,000 togodo la xɔ dua ƒe xɔ tsrala eve kloe xɔƒe, eye ame siwo le Brooklyn Ana dzi la tea ŋu kpɔnɛ nyuie.\nAƒetɔ Devine gblɔ tso taɖodzinu vevitɔ si le Ðasefoawo si ŋu be, \"Teƒe siawo dzadzra nye ɖoɖo si míewɔ be míaɖe míaƒe dɔwɔƒegã la ayi Warwick le New York ƒe akpa aɖe ko.\"\nNe èdi nyatakaka bubuwo tso xɔ siawo dzadzra ŋu la, yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.WatchtowerBrooklynRealEstate.com. Gbebiamewo kple fotowo li, eye àte ŋu abia woƒe hahokadodo ƒe dɔwɔƒe si nye Office of Public Information la woana wò.\nWoƒe Kadodowo:\nDavid A. Semonian, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/%C9%96asefowo-te-wo%C6%92e-te%C6%92e-siwo-le-brooklyn-dzadzra\/","date":"2019-06-25T20:24:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999946.25\/warc\/CC-MAIN-20190625192953-20190625214953-00036.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991169572,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991169571876526}","num_words":357,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.311,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"XƆ AÐE si le Motoyasu Tɔsisia ƒe go si le ɣedzeƒe dzi le Hiroshima City si le Japan la ƒe akpa aɖewo gakpɔtɔ nye glikpo tso ƒe 1945 me va se ɖe egbe. Nu ka tae womegbugbɔe tu o evɔ ƒe 70 kloe nye esia?\nWowu dziƒoxɔ tuɖedzi etɔ̃ sia nu le ƒe 1915 me, enye xɔ si wotsɔ anyikpe tu, eye wowɔe wònye afi si woɖea dɔwɔƒewo ƒe adzɔnuwo fiana le. Gake nuwo trɔ bubui le August 6, 1945 ƒe ŋdi ga 8 miniti 15. Le gaƒoƒo ma me la, woda atɔmikbɔmb gbãtɔ siwo woda kpɔ le aʋawɔwɔ me la ɖe dua ƒe yame anɔ meta 550, eye esusɔ vie ko wòanye be xɔa tamee wòawó ɖo hafi. Ame siwo katã le xɔa me ku zi ɖeka. Gake xɔa ƒe glikpo ya kpɔtɔ le tsitrenu.\nUNESCO * gblɔ tso xɔ sia si wogblẽ ɖi nenema la ŋu be enye \"dɔwɔnu dziŋɔtɔ kekeake si amegbetɔ wɔ kpɔ la ƒe ŋkuɖodzinu blefulãmename ɖedzesi aɖe.\" Le ƒe 1996 me la, wobu xɔ sia de UNESCO Ƒe Xexea Me Ƒe Domenyinuwo dome eye wona ŋkɔe be Hiroshima Ŋutifafa Ƒe Ŋkuɖodzinu.\nNublanuitɔe la, ŋkuɖodzinu blefulãmename siawo mena amewo dzudzɔ aʋawɔwɔ o. Zi geɖe la, ŋukeklẽ, dulɔlɔ̃ kple fuléle ame siwo nye to bubu me tɔwo kple subɔsubɔha bubu me tɔwo kpakple fuléle gbegbɔgblɔ bubu dolawo gbɔe aʋa siawo tsona. Ke ɖe wòfia be aʋawɔwɔ anɔ anyi tegbeea?\nBiblia ɖo eŋu be ao! Psalmo 46:10 gblɔ be: \"[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!\" Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa eye wòatsɔ eƒe xexea me katã ƒe dziɖuɖu, si nye Mawu Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo, ame si woyɔ be \"fiawo ƒe Fia\" si me la aɖo wo teƒe.\nTso ekema dzi la, magahiã be woatu ŋkuɖodzinuwo be woatsɔ axlɔ̃ nu amewo tso aʋawɔwɔ ƒe nugbegblẽ ŋu o. \"Womagaɖo ŋku\" nu \"tsãtɔwo\" siwo nye fukpekpe kple dzigbãnyawo dzi alo \"woava ame ƒe ta me o.\"\n^ mm. 4 Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo Ƒe Nyawo Gbɔkpɔha","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201411\/hiroshima-%C5%8Butifafa-%C6%92e-%C5%8Bku%C9%96odzinu\/","date":"2019-06-27T00:55:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000609.90\/warc\/CC-MAIN-20190626234958-20190627020958-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989537597,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989537596702576}","num_words":338,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.317,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Gbugbɔgadzɔ nye nyateƒe matrɔmatrɔ, eye nyateƒee wònye be agbagbeawo dzɔ tso kukuawo me, eye be ame kukuwo ƒe luʋɔwo li.\"—PLATO, HELA XEXEMENUNYALA, ƑE ALAFA 5 LIA DO ŊGƆ NA MÍA ŊƆLI, \"SOCRATES\" ƑE NYAWOE WÒGBLƆ.\n\"Esi luʋɔ menɔa anyi ŋutilã manɔmee o, eye luʋɔ la menye ŋutilã o ta la, anɔ eme be ne edo tso ŋutilã aɖe me la, eyia bubu me.\"—GIORDANO BRUNO, ITALY XEXEMENUNYALA, ƑE ALAFA 16 LIA MÍA ŊƆLI.\n\"Naneke mekuna o: ɖeko amewo dzena abe ɖe woku ene . . . eye wonɔa nu siwo le edzi yim la kpɔm abe ɖe wole ekpɔm to fesre nu ene, elabena wole ŋutilã bubu me.\"—RALPH WALDO EMERSON, AMERIKA HAKPANYAŊLƆLA, ƑE ALAFA 19 LIA MÍA ŊƆLI.\nÈBU ame si tututu nènye ŋu kpɔa? Ðe wòwɔ na wò kpɔ be yenɔ agbe kpɔ hafi gava dzɔa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dukɔwo me tɔwo bu biabia mawo ŋu tso blema ke. Ame siwo le agbagba dzem be yewoakpɔ ta na biabia siawo la dometɔ aɖewo trɔ ɖe gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔsea ŋu. Le dzixɔse sia nu la ne ame ku la, \"luʋɔ\" makpɔmakpɔ aɖe doa go tsoa eƒe ŋutilã me gagbugbɔdzɔna ɖe ŋutilã bubu me, etea ŋu nyea amegbetɔ bubu, lã, alo nu miemie gɔ̃ hã, zi ɖeka alo zi gbɔ zi geɖe.\nTogbɔ be ame aɖewo lɔ̃ ɖe dzixɔse sia dzi hã la, aleke míawɔ aka ɖe edzi nenye be enye nyateƒe? Nu kae Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ tso nya sia ŋu? Gake gbã la, ele be míabia be, Afi kae dzixɔse sia dzɔ tso?\nAfi Kae Gbugbɔgadzɔ Ƒe Dzixɔsea Dzɔ Tso?\nŊutinyaŋlɔlawo kple agbalẽnyalawo gblɔ be Babilon, si nye blema dugã aɖe si wotso ƒe akpe eve kple edzivɔwo Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la me tɔwoe to luʋɔmakumaku ƒe dzixɔsea vɛ. Aƒetɔ Morris Jastrow, Jr., gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (The Religion of Babylonia and Assyria) me be, makumakunyenye ƒe dzixɔsea \"nɔ vevie na Babilontɔwo ƒe nunɔlawo ŋutɔ.\" Egblɔ kpee be: Babilontɔwo xɔe se be \"ku nye tɔtrɔ tso agbe ƒomevi aɖe me yi bubu me.\" Egagblɔ hã be: \"Ðikeke mele eme o be, esi wòsesẽ na wo be woaxɔe ase be kukuawo nu yi tegbee tae woto nufiafia si nye be amegbetɔwo yia edzi nɔa agbe le nɔnɔme aɖe me tegbee la vɛ ɖo.\"\nTo vovo na Babilontɔwo la, nufiafia si nye be luʋɔ la dona tsoa ŋutilã aɖe me yia bubu me la va nɔ mo dom ɖa le blema dukɔ bubuwo hã me. India xexemenunyalawo to nufiafia legbee aɖe si ku ɖe gbugbɔgadzɔ si nu metsona o ŋu, si wotu ɖe Karma ƒe se, si fia be nane gbɔe nu sia nu tsona la dzi. Hela xexemenunyala xɔŋkɔwo hã va lɔ̃ ɖe nufiafia sia dzi, si wɔe be ame geɖewo va xɔ edzi se.\nEgbea hãa, Ɣetoɖoƒe dukɔwo me tɔ geɖe va xɔ gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafiaa dzi se. Ame xɔŋkɔwo kple sɔhɛwo va le dzidzɔ kpɔm ɖe Ɣedzeƒe-subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo kple kɔnuwo ŋu. Agbalẽ kple Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe gbogbo aɖewo ƒoa nu tsoa vevienyenye si le agbe si wobe amewo nɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ŋu. Amewo va le dzidzɔ kpɔm ɖe nu si woyɔ be tsãgbenɔnɔ ŋuti dɔdamɔnu ŋu le dukɔ geɖe me. Enye dɔdamɔnu si me wowɔa goloɖoɖo ŋu dɔ le, si me wogblɔna le be yewole agbe si amewo nɔ kpɔ la ŋuti nyawo zãm tsɔ le agbagba dzem be yewoase woƒe lãmesẽkuxiwo kple nɔnɔmewo gɔme.\nÐe Gbugbɔgadzɔ Ƒe Dzixɔsea Nye Nyateƒea?\nTogbɔ be gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔsea li tso blema ke hã la, egahiã kokoko be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevitɔ si nye, Nyateƒeea? Azɔ hã, Kristotɔwo adi be yewoanya nenye be dzixɔse sia wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia. (Yohanes 17:17) Esi mía Wɔla, Yehowa Mawu, ye nye Agbedzɔƒe kple \"Ame si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go\" ta la, eyae ɖea agbe kple ku ŋuti nya siwo amegbetɔwo menya o la fiana. Eya ta míate ŋu aka ɖe ŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya, Biblia, me la dzi.—Daniel 2:28; Dɔwɔwɔwo 17:28.\nNe míedzro Biblia me nyuie la, míakpɔ ŋuɖoɖo siwo tso Mawu gbɔ la bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 3:19 na míenya nya si Mawu gblɔ na Adam esi wo kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu. Egblɔ be: \"Fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!\" Anyie wotsɔ wɔ Adam. Esi wòku la, egatrɔ zu anyi. Nya sia si me kɔ lae Mawu gblɔ. Eya ta ne ame ku la, megbugbɔdzɔna ame bubui o, ke boŋ enu yina. * Abe ale si ko dzoxɔxɔ nye fafa ƒe anyimanɔmanɔ, kuɖiɖi nye tsi ƒe anyimanɔmanɔ, eye kekeli nye viviti ƒe anyimanɔmanɔ ene la, ku hã nye agbemanɔmanɔ. Ne ame ku ko la, eku! Ðe nya sia gɔme sese mele bɔbɔe oa?\nEsia fia be susu bubu aɖewo tae amewo ɖoa ŋku nu si wosusu be enye agbe si yewonɔ kpɔ ŋuti nyawo dzi. Amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔnawo le ŋutenɔɣiwo kple ŋutemanɔɣiwo siaa kpakple dɔ si atikewo alo afɔkuwo wɔna ɖe edzi la mele nyanya gobii ale o. Drɔ̃ewo kple tamesusu siwo nɔ te ɖe nyatakaka gbogbo siwo le ahɔhɔ̃a me dzi la tea ŋu dzena nu ŋutɔŋutɔ, si wɔnɛ be amewo susuna be ɖe wodzɔ vavã. Ɣeaɖewoɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo toa vivimemɔnuwo dzi nana nu siwo medzɔ o la dzena abe ɖe wodzɔ ene.—1 Samuel 28:7-19.\nLe dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoanɔ agbe ahanya etsɔme. Ke afi kae didi sia tso? Eɖe dzesi be Biblia gblɔ tso Wɔlaa ŋu be: \"[Ede] mavɔmavɔ dzi me na wo.\" (Nyagblɔla 3:11) Eya ta enye amegbetɔwo ƒe dzimedidi be yewoanɔ agbe tegbee.\nNe mía Wɔla, Yehowa Mawu, de agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi amegbetɔwo ƒe dziwo me la, ke esɔ be míakpɔ mɔ be afia ale si míawɔ akpɔ agbe mavɔ la mí. Biblia ɖe tameɖoɖo nyui si le Wɔlaa si be wòatsɔ agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi ayra amegbetɔ toɖolawo la fia. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã hakpala Fia David wògblɔ be: \"Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.\" (Psalmo 37:29) Ame kukuwo ƒe tsitretsitsia nye Mawu ƒe tameɖoɖo mavɔa ƒe akpa vevi aɖe, eye wònye Biblia ƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖeka.—Dɔwɔwɔwo 24:15; 1 Korintotɔwo 15:16-19.\nTsitretsitsia—Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Na Kukuawo\nAme siwo wofɔ ɖe tsitre wogava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋuti nya enyi siwo teƒe amewo kpɔ la le Biblia me. * Menye ɖe ame siawo ƒe luʋɔwo gbugbɔgadzɔ ɖe ŋutilã bubuwo me o, ke boŋ ɖe wofɔ wo ɖe tsitre. Woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo kpɔ wo dze sii enumake. Medzɔ kpɔ gbeɖe be ƒometɔwo va nɔ ŋku lém ɖe vidzĩ siwo le kpuiƒe kple adzɔge la ŋu kpɔ be yewoƒe ame vevi si ku la ƒe luʋɔe gbugbɔgadzɔ ɖe wo dometɔ aɖe me hã o.—Yohanes 11:43-45.\nEfaa akɔ na mí be Mawu ƒe Nyaa ɖee fia be woafɔ ame siwo ku la dometɔ akpa gãtɔ ɖe tsitre le ame kukuwo ƒe tsitretsitsia me le Mawu ƒe xexe yeye, si ava xɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia teƒe kpuie la me. (2 Petro 3:13, 14) Fifia la, ame biliɔn geɖe ƒe nu le Yehowa Mawu, ame si seɖoƒe mele eƒe ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete ŋu o, eye wòɖoa ŋku ɣletiviwo katã ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã dzi la, ƒe susu me! (Psalmo 147:4; Nyaɖeɖefia 20:13) Ne eva fɔ ame siawo ƒe tɔgbuitɔgbuiwo ɖe tsitre le eƒe xexe yeyea me la, woava nya dzidzime si me wodzɔ tso, eye woadze si wo tɔgbuiwo. Etsɔme nyui dodzidzɔname ka gbegbee nye esi le ŋgɔ!\n^ mm. 18 Tsitretsitsi enyi siwo ŋuti nya woŋlɔ ɖi la dze le 1 Fiawo 17:17-24; 2 Fiawo 4:32-37; 13:20, 21; Luka 7:11-17; 8:40-56; Yohanes 11:38-44; Dɔwɔwɔwo 9:36-42; 20:7-12. Ne èle tsitretsitsi ŋuti nya siawo xlẽm la, de dzesi ale si ɖasefo geɖe kpɔ wo teƒee. Tsitretsitsi asiekelia ku ɖe Yesu Kristo ƒe fɔfɔ ŋu.—Yohanes 20:1-18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121201\/have-you-lived-before\/","date":"2019-06-18T11:50:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00042.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979089499,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979089498519897}","num_words":1275,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Odio (hawo kple dramawo) ƒe ƒuƒoƒo geɖewo li (hawo, Biblia xexlẽ ƒe dramawo kple nu bubu geɖewo).\nSe ha ɖeka alo zã Ƒo Wo Katã ne nàse ha siwo katã le hawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka me.\nZã Ðe Sia Ðe Ko be wòanɔ ha siwo le ƒuƒoƒo ɖeka me la dometɔ ɖe sia ɖe ko ƒom.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/Odio\/","date":"2019-06-27T00:02:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000609.90\/warc\/CC-MAIN-20190626234958-20190627020958-00340.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999419451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999419450759888}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AƑEDZIKPƆLA MAWƆNUTEƑE ŊUTI LODODOA\n'MIDZE XƆLƆ̃WO' TO MIAƑE KESINƆNUWO DZI\nEle be lo si Yesu do ku ɖe vi búbua ŋu vɔ teti koe nye ema la nana adzɔxɔlawo, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo nakpɔe be Mawu lɔ̃na faa tsɔnɛ kea nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo. (Luka 15:1-7, 11) Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu azɔ. Edo lo bubu na wo tso ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si se be yeƒe nuwo dzi kpɔla, alo aƒedzikpɔla, mewɔ nuteƒe o la ŋu.\nYesu gblɔ be wotso aƒedzikpɔlaa nu be ele eƒe aƒetɔ la ƒe nuwo dome gblẽm. Eya ta aƒetɔ la gblɔ be yeaxɔ dɔ le aƒedzikpɔlaa si. Aƒedzikpɔlaa gblɔ na eɖokui be: \"Esi wònye nye aƒetɔ le aƒedzikpɔkpɔdɔa xɔ ge le asinye ɖe, nu ka wɔ ge mala? Ŋusẽ mele ŋunye madzobo anyigba o, nubiabia hã kpea ŋu nam.\" Esi wòbu ale si agbea ava nɔ ŋu la, eƒo nya ta be: \"Menya nu si mawɔ, ale be ne woxɔ aƒedzikpɔkpɔdɔa le asinye la, amewo naxɔm ɖe woƒe aƒewo me.\" Enumake eyɔ ame siwo nyi fe la vɛ hebia wo be: \"Ho neni ƒe fee nènyi le nye aƒetɔ ŋu?\"—Luka 16:3-5.\nAme gbãtɔ ɖo eŋu be: \"Ami gago alafa ɖeka.\" Esia ade ami lita 2,200 sɔŋ. Anye be amitigble gã aɖe le fenyilaa si, alo be amisitsalae wònye. Aƒedzikpɔlaa gblɔ nɛ be: \"Xɔ wò fegbalẽa nàbɔbɔ anɔ anyi, eye nàŋlɔ kaba be blaatɔ̃ [lita 1,100].\"—Luka 16:6.\nAƒedzikpɔlaa bia fenyila bubu be: \"Ke wò ɖe, ho neni ƒe fee nènyi?\" Eɖo eŋu be: \"Lu kotoku alafa ɖeka.\" Esia ade lu lita 22,000. Aƒedzikpɔlaa gblɔ na fenyila sia be: \"Xɔ wò fegbalẽa, eye nàŋlɔ blaenyi.\" Esia fia be eɖe fe si wònyi la ƒe memama ɖe atɔ̃ ƒe ɖeka le edzi nɛ.—Luka 16:7.\nAƒedzikpɔla la gakpɔtɔ le eƒe aƒetɔ ƒe ganyawo dzi kpɔm, eya ta le mɔ aɖe nu la, ŋusẽ le esi be wòaɖe fe si wonyi le eƒe aƒetɔ ŋu la dzi. Esi aƒedzikpɔlaa ɖe feawo dzi ta la, eto esia dzi dze xɔlɔ̃ ame siwo ave enu ne wova xɔ dɔa le esi.\nAƒetɔ la va se nu tso nu si wòwɔ la ŋu. Togbɔ be esia ana wòaɖu agba hã la, nu si aƒedzikpɔlaa wɔ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòkafui, elabena \"togbɔ be ame madzɔmadzɔe\" wònye hã la, 'edze aɖaŋu.' Yesu gblɔ kpee be: \"Nuɖoanyi sia me viwo dze aɖaŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzidzimea ŋu wu kekeli la ƒe viwo.\"—Luka 16:8.\nMenye ɖe Yesu da asi ɖe nu si aƒedzikpɔlaa wɔ la dzi o, eye menye ɖe wòle dzi dem ƒo na eƒe nyaselawo be woawɔ nu fitifiti le asitsanyawo me hã o. Ke nu kae eƒe nyawo fia? Ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Mitsɔ kesinɔnu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokuiwo, ale be ne wo nu va yi la, woaxɔ mi ɖe nɔƒe mavɔwo.\" (Luka 16:9) Ɛ̃, nufiame si le emee nye be ele be woakpɔ nu ayi ŋgɔ eye woadze aɖaŋu. Ele be Mawu subɔlawo, siwo nye 'kekeli ƒe viwo' la, nadze aɖaŋu le woƒe kesinɔnuwo ŋu dɔ wɔwɔ me, kple susu be woanye etsɔme mavɔ dome nyilawo.\nYehowa Mawu kple Via koe ate ŋu axɔ amewo ɖe Dziƒofiaɖuƒea alo anyigba dzi Paradiso si le Fiaɖuƒe ma te la me. Ele be míaku kutri adze xɔlɔ̃ woamawo to ale si míazã míaƒe kesinɔnuwo atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi. Ekema ne sika, klosalo kple kesinɔnu bubuwo nu va yi, alo tsrɔ̃ la, kakaɖedzi blibo li be etsɔme mavɔ asu mía si.\nYesu gblɔ hã be ne ame aɖe wɔ nuteƒe le beléle na nunɔamesiwo kple wo zazã me la, awɔ nuteƒe le nu siwo le vevie wu la hã dzi kpɔkpɔ me. Eya ta Yesu gblɔ be: \"Ne mienye nuteƒewɔlawo le kesinɔnu madzɔmadzɔwo gome o ɖe, ame kae aka ɖe mia dzi atsɔ nu vavã [abe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ene] ade mia si?\"—Luka 16:11.\nYesu nɔ gbɔgblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo be hafi \"woaxɔ [wo] ɖe nɔƒe mavɔwo\" la, woabia nu geɖe tso wo si. Ame mate ŋu anye Mawu subɔla vavã agakpɔtɔ anye kluvi na kesinɔnu madzɔmadzɔwo o. Yesu ƒo eƒe nyaa ta be: \"Subɔvi aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o, elabena alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.\"—Luka 16:9, 13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94subud%C9%94-yordan-%C6%92e-%C9%A3edze%C6%92e\/lododo-a%C6%92edzikp%C9%94la-madz%C9%94madz%C9%94-kesin%C9%94nuwo\/","date":"2019-06-24T12:34:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999482.38\/warc\/CC-MAIN-20190624104413-20190624130413-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971997142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971997141838074}","num_words":705,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Mèkpɔe be ade mía dzi ne míetsɔ nɔnɔme nyuiwo mla mía ɖokui eye míeɖe asi le esiwo menyo o ŋu oa?\nMawunyakpukpui: Nyg 7:8a\nNya Si Nàgblɔ: Nyati siawo ƒo nu tso aɖaŋu siwo Biblia ɖo tso ale si míana numame nyuiwo naɖe vi na mí ŋu.\nNYƆ!\nÐO TO MAWU NE NÀNƆ AGBE TEGBEE\nNyabiase: Ŋkɔ le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Ŋkɔ le míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã si. Ke Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?\nMawunyakpukpui: Ps 83:18\nNya Si Nàgblɔ: Agbalẽ gbadza sia ɖe nu geɖe me tso nu siwo Biblia fia tso Mawu ŋu la ŋu. [He susu yi axa 6 kple 7 lia me nyawo dzi.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-24T12:04:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999482.38\/warc\/CC-MAIN-20190624104413-20190624130413-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967306256,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996730625629425}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Egbea filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe.\nNu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋusẽwo kple nu si tututu le megbe na vivimeŋusẽ mawo ŋu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2019-06-19T19:41:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00172.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999275744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992757439613342}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu na nuɖuɖu ŋutsu 5,000 kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.\" (Yh 6:12) Yesu megblẽ nuwo dome o, eto esia dzi ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu.\nEgbea hã, Dɔdzikpɔhaa dzea agbagba srɔ̃a Yesu eye wòzãa nu siwo nɔviwo dzɔ la nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esi wonɔ habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick, New York tum la, nɔviawo tia xɔ siwo awɔe be woazã ga si nɔviwo dzɔ la nyuie.\nALEKE MÍAWƆ BE MÍAGAGBLẼ NUWO DOME O . . .","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept17-23\/naneke-dome-megbl%E1%BA%BD-o\/","date":"2019-06-18T18:36:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998808.17\/warc\/CC-MAIN-20190618163443-20190618185443-00470.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976232052,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976232051849365}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na míakplɔ Ezekiel ɖo esi wòle ŋku lém ɖe anyigbaa ƒe akpa si Yehowa ɖe ɖe vovo la ŋu. Womae ɖe akpa atɔ̃ me. Akpa siawoe nye kawo? Eye nu kawoe woazã wo na?\nA. 'Anyigba Si Wodzɔ'\nWoɖe akpa sia ɖi na dɔ siwo ayi edzi le dua me eye woyɔnɛ be 'anyigba si wodzɔ.'\nB. 'Teƒe Blibo Si Wodzɔ'\nWogblẽe ɖi na nunɔlawo, Lewi viwo kple du haho la. Azɔ hã, to 12-awo me tɔwo vaa teƒe sia va dea ta agu na Yehowa eye wokpea asi ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/anyigba-si-mia%C9%96e-w%C3%B2anye-adz%C9%94-la\/","date":"2019-06-19T15:12:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00311.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985134602,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985134601593018}","num_words":97,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Roma-ʋafia aɖe si woyɔna be Kornelio la nɔ Kaisarea. Togbɔ be menye Yudatɔe wònye o hã la, Yudatɔwo dea bubu eŋu. Ekpena ɖe ame dahewo kple ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu dɔmenyotɔe. Kornelio xɔ Yehowa dzi se eye wòdoa gbe ɖa nɛ edziedzi. Gbe ɖeka la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Kornelio eye wògblɔ nɛ be: 'Mawu se wò gbedodoɖawo. Azɔ dɔ amewo ɖo ɖe Yopa dua me, afi si Petro le, eye nàgblɔ nɛ be wòava.' Enumake, Kornelio dɔ ŋutsu etɔ̃ ɖo ɖe Yopa si didi abe kilometa 48 ene le dua ƒe anyiehe gome.\nGake do ŋgɔ la, Petro kpɔ ŋutega aɖe le Yopa. Ekpɔ lã siwo ŋu womeɖe mɔ na Yudatɔwo be woaɖu o la, eye wòse gbe aɖe si nɔ gbɔgblɔm nɛ be wòaɖu wo. Petro gbe hegblɔ be: 'Nyemeɖu lã makɔmakɔ aɖeke le nye agbe me kpɔ o.' Gbea gblɔ nɛ ake be: 'Mègayɔ lã siawo be lã makɔmakɔwo o. Mawu kɔ wo ŋu.' Gbea gagblɔ nɛ be: 'Ŋutsu etɔ̃ le wò ʋɔtru nu. Yi kpli wo.' Petro yi ʋɔtrua nu eye wòbia ŋutsuawo susu si ta wova ɖo. Woɖo eŋu be: 'Roma-ʋafia, Kornelio ye dɔ mí. Ebe nàva yeƒe aƒe me le Kaisarea.' Petro bia tso wo si be woatsi yeƒe aƒe me adɔ le zã ma me. Esi ŋu ke la, eya kple nɔvi aɖewo siwo tso Yopa la dze wo yome yi Kaisarea.\nEsi Kornelio kpɔ Petro azɔ la, edze klo. Gake Petro gblɔ be: 'Tso! Amegbetɔ koe menye abe wò ke ene. Mawu gblɔ nam be mava aƒewòme, togbɔ be Yudatɔwo meyia ame siwo menye Yudatɔwo o ƒe aƒe me o hã. Azɔ meɖe kuku, gblɔ nu si ta nèdɔ ame wova yɔm la nam.'\nKornelio gblɔ na Petro be: 'Ŋkeke enee nye esi va yi menɔ gbe dom ɖa na Mawu, eye mawudɔla aɖe gblɔ nam be madɔ woayɔ wò nam. Meɖe kuku, fia Yehowa ƒe nyawo mí.' Petro ɖo eŋu be: 'Azɔ menyae be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. Exɔa ame sia ame si di be yeasubɔe.' Petro fia nu geɖe wo tso Yesu ŋu. Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔe la va Kornelio kple ame siwo nɔ afi ma kplii la dzi, eye wonyrɔ wo katã.\n\"Le dukɔ sia dukɔ me la, ame si [vɔ̃a Mawu] eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.\"—Dɔwɔwɔwo 10:35","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/wok%C9%94-gb%C9%94gb%C9%94-k%C9%94k%C9%94ea-%C9%96e-kornelio-dzi\/","date":"2019-06-20T04:58:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999141.54\/warc\/CC-MAIN-20190620044948-20190620070948-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969772696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969772696495056}","num_words":385,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe enyi koe Yosiya xɔ esime wòzu Yuda-fia. Ɣemaɣi la, ameawo wɔa madziki eye wosubɔa trɔ̃wo. Esi Yosiya xɔ ƒe 16 la, edze agbagba srɔ̃ ale si wòasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu. Esi wòxɔ ƒe 20 la, eɖe legbawo kple vɔsamlekpuiwo ɖa le anyigba la dzi. Eye esi wòxɔ ƒe 26 la, ewɔ ɖoɖo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo.\nNunɔlagã Hilkiya fɔ Yehowa ƒe Se la le gbedoxɔa me, anye be Mose ye ŋlɔ agbalẽ si wòfɔ la. Fia ƒe agbalẽŋlɔla Safan tsɔ agbalẽa vɛ na Yosiya eye wòxlẽ Se la sesĩe na fia la. Esi Yosiya se Sea me nyawo la, ede dzesii be dukɔa me tɔwo gbe toɖoɖo Yehowa ƒe geɖe. Fia Yosiya gblɔ na Hilkiya be: 'Yehowa do dɔmedzoe ɖe mía ŋu vevie. Yi nàƒo nu kple Yehowa. Ne wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.' Yehowa ɖo woƒe nyaa ŋu na wo to nyɔnunyagblɔɖila Hulda dzi be: 'Yudatɔwo gblẽm ɖi. Mahe to na wo, gake menye le Yosiya ƒe fiaɖuɣi o, elabena ebɔbɔ eɖokui.'\nEsi Fia Yosiya se nyaa la, eyi gbedoxɔa me eye wòna Yudatɔwo va ƒo ƒu. Exlẽ Yehowa ƒe Se la na dukɔ bliboa wose. Yosiya kple ameawo katã do ŋugbe na Yehowa be yewoaɖo toe tso dzi me.\nƑe gbogbo aɖewo va yi si Yudatɔwo megaɖu Ŋutitotoa kpɔ o. Gake esi Yosiya xlẽe le Sea me ameawo se be ele be woaɖu Ŋutitotoa ƒe sia ƒe la, egblɔ na dukɔa be: 'Míaɖu Ŋutitotozã na Yehowa.' Emegbe Yosiya wɔ ɖoɖo be yewoasa vɔwo eye wògawɔ ɖoɖo hã be hadzilawo nadzi ha le gbedoxɔa me. Dukɔa ɖu Ŋutitotozãa, emegbe woɖu Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la ŋkeke adre. Tso Samuel ƒe ŋkekea me la, womegaɖu Ŋutitotozã sia tɔgbi kpɔ o. Yosiya lɔ̃ Mawu ƒe Sea vavã. Ðe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu vivia nuwòa?\n\"Wò nya nye akaɖi na nye afɔ, kple kekeli na nye toƒe.\"—Psalmo 119:105","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/9\/fia-yosiya\/","date":"2019-06-19T01:39:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998879.63\/warc\/CC-MAIN-20190619003600-20190619025600-00392.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992221594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992221593856812}","num_words":309,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒe 2015 \"Srɔ̃ Yesu!\" Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpekpe Gã aɖe ale si Yesu sɔsrɔ̃ aɖe vi na ame sia me la me. Takpekpea adze egɔme tso May 2015 va se ɖe January 2016 le xexea me godoo.\nYehowa Ðasefowo le amekpekpedɔ aɖe wɔm le xexea me godoo ale be woakpe ame gbogbotɔ kekeake na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si woawɔ le April 3, 2015 dzi.\nYehowa Ðasefowo le hehe nam woƒe hameviwo ku ɖe Ebola-dɔlélea, mɔ si dzi wòtona léa amewo kple ale si woawɔ aƒo asa nɛ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/","date":"2019-06-17T22:21:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00305.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998465538,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984655380249023}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.106,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.302,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ebia agbagbadzedze hafi nàte ŋu adze xɔlɔ̃; ebia agbagbadzedze hafi nànye ame aɖe xɔlɔ̃ ɖaa. Woayra wò ŋutɔ ɖe agbagba siwo nàdze be yeava zu Mawu xɔlɔ̃ ahayi edzi anye exɔlɔ̃ ɖaa la ta. Yesu gblɔ na amesiwo xɔ edzi se bena: \"Nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.\" (Yohanes 8:32) Nukae nya ma fia?\nÀte ŋu anɔ ablɔɖe me fifia. Àte ŋu avo tso alakpanufiafia kple alakpanya siwo Satana kaka la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Àte ŋu avo tso mɔkpɔkpɔmanɔamesi si xɔ ame miliɔn geɖe siwo menya Yehowa o ƒe agbe me la me. (Romatɔwo 8:22) Mawu xɔlɔ̃wo vo tso \"vɔvɔ̃ na ku\" gɔ̃ hã me.—Hebritɔwo 2:14, 15.\nAblɔɖe ate ŋu asu asiwò le Mawu ƒe xexe yeyea me. Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye si ate ŋu asu asiwò le etsɔme! Le Paradisonyigbaa dzi la, míavo tso aʋawɔwɔ, dɔléle, kple nuvlowɔwɔ si me. Míavo tso hiãkame kple dɔwuame si me. Míavo tso tsitsi kple ku si me. Míavo tso vɔvɔ̃, ameteteɖeanyi, kple madzɔmadzɔnyenye si me. Biblia gblɔ le Mawu ŋu be: \"Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.\"—Psalmo 145:16.\nMawu xɔlɔ̃wo anɔ agbe tegbee. Agbe mavɔ nye nunana xɔasi aɖe si Mawu ana amesiwo katã di be yewoadze xɔ̃e. (Romatɔwo 6:23) Wò ya bu alesi wòanɔ be nànɔ agbe tegbetegbe ŋu kpɔ ko!\nƔeyiɣi anɔ asiwò nàwɔ nu geɖe. Ðewohĩ àdi be yeasrɔ̃ haƒonu aɖe ƒoƒo. Alo àdi be yeasrɔ̃ nutata alo anye atikpala. Ðewohĩ àdi be yeasrɔ̃ nu tso lãwo alo numiemiewo ŋu. Alo anɔ eme be àdi be yeazɔ mɔ anya dukɔ vovovowo me anya ame vovovowo. Ne èle agbe tegbee la, àte ŋu awɔ nusiawo katã bɔbɔe!\nƔeyiɣi anɔ asiwò nàdze xɔlɔ̃ geɖe. Agbenɔnɔ tegbee ana be nàva nya ame bubu geɖe siwo hã va zu Mawu xɔlɔ̃wo. Àva nya woƒe ŋutetewo kple nɔnɔme nyuiwo, eye woava nye wò hã xɔ̃wòwo. Àlɔ̃ wo, eye woalɔ̃ wò. (Korintotɔwo I, 13:8) Agbenɔnɔ tegbetegbe ana nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ adze xɔlɔ̃ amesiame le anyigba dzi! Esi nyo wu wo katãe nye be ne ƒe alafawo va le yiyim la, mia kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa anɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa. Neva eme be nànye Mawu xɔlɔ̃ tegbee!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/nye-mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83-tegbee\/","date":"2019-06-27T07:04:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000894.72\/warc\/CC-MAIN-20190627055431-20190627081431-00110.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992631078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992631077766418}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.02,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso ɣleti sia me la, kpɔɖeŋudzeɖonya etɔ̃ magadze le kwasiɖa domedome kpekpea me o. Ðe ema teƒe la, kpɔɖeŋudzeɖonya siwo me woazã nyabiase aɖe, axlẽ ŋɔŋlɔ aɖe kple biabia si ŋu woava ɖo ne wotrɔ va la anɔ dzedzem le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me. Kpɔɖeŋudzeɖonya ƒe video ɖeka koe woaɖe kwasiɖa ɖe sia ɖe. Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu atia agbalẽ siwo míezãna tsɔ fiaa nu amewo la dometɔ ɖeka si wòadi be yeazã le yiyi zi gbãtɔ me alo ne ele tɔtrɔyi wɔm. Azɔ hã, dzeɖonya eve bubu siwo míate ŋu azã ne míetrɔ yi amea gbɔ la adze le nusrɔ̃gbalẽa me. Mɔnu sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe taɖodzinu si nye be míakpe ɖe \"ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ\" ŋu la gbɔ.—Dw 13:48.\nSukuviwo Ƒe Dɔdeasi: Ele be sukuviwo nazã kpɔɖeŋudzeɖonyaawo atsɔ awɔ woƒe dɔdeasiwo, negbe ɖe wona mɔfiame bubu aɖe ko hafi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2018-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-25T10:00:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999817.30\/warc\/CC-MAIN-20190625092324-20190625114324-00323.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988310933,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988310933113098}","num_words":156,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Egipte la, wova yɔ Yakob ƒe ƒome la be Israel-viwo. Le Yakob kple Yosef ƒe ku megbe la, Farao bubu aɖe va zu fia. Evɔ̃ be ŋusẽ va le Israel-viwo ŋu ɖom wu Egiptetɔwo. Eya ta Farao sia na Israel-viwo zu kluviwo. Ezi wo dzi be woamè anyikpewo eye woawɔ dɔ sesẽ le agblewo me. Gake zi ale si Egiptetɔwo zi Israel-viwo dzi be woawɔ dɔ sesẽ la, zi nenemae wonɔ dzidzim ɖe edzii. Esi Farao medi be woanɔ dzidzim ɖe edzi o ta la, ede se be ne Israel-vi aɖe dzi ŋutsuvi la woawui. Bu ale si gbegbe vɔvɔ̃ alé Israel-viwoe ɖa!\nIsrael-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yokebed dzi ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe. Esi wòdi be yeakpɔ ɖevia ta ta la, etsɔe de kusi aɖe me eye wòtsɔe yi ɖaɣla ɖe aɖawo dome le Nil-tɔsisia to. Ðevia nɔvinyɔnu Miriam tɔ ɖe teƒea lɔƒo be yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.\nFarao vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me eye wòkpɔ kusia. Ekpɔ vidzĩ aɖe le kusia me eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ. Miriam biae be: 'Mayi aɖayɔ nyɔnu aɖe si ate ŋu ana no ɖevia vɛ na wòa?' Esi Farao vinyɔnu la lɔ̃ la, Miriam yi ɖayɔ eya ŋutɔ dadaa Yokebed vɛ. Farao vinyɔnu la gblɔ nɛ be: 'Xɔ vidzĩ sia, na noe nam, eye maxe fe na wò.'\nEsi ɖevia nɔ tsitsim la, Yokebed kplɔe yi na Farao vinyɔnu la, ame si tsɔ ŋkɔ nɛ be Mose eye wònyii abe eya ŋutɔ via ene. Mose tsi abe fiavi ene eye eƒe asi ate ŋu asu nu sia nu si wòdi la dzi hafi. Gake Mose meŋlɔ Yehowa be o. Enya nyuie be Israel-vie yenye ke menye Egiptetɔ o. Eya ta etiae be yeasubɔ Yehowa.\nEsi Mose xɔ ƒe 40 la, edi be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Esi Mose kpɔ Egiptetɔ aɖe wònɔ Israel-vi aɖe si nye kluvi ƒom la, eƒo Egiptetɔ la vevie ale gbegbe be wòku. Mose ɖi ame kukua ɖe ke me. Esi Farao va se nu tso eŋu la, edi be yeawu Mose. Gake Mose si yi Midian-nyigba dzi. Eye Yehowa kpɔ eta le afi ma.\n'Le xɔse me Mose gbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o, eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la.'—Hebritɔwo 11:24, 25","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/mose\/","date":"2019-06-25T18:10:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999876.81\/warc\/CC-MAIN-20190625172832-20190625194832-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992793202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992793202400208}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi amewo va lé Yesu le Getsemane-bɔa me la, apostoloawo gblẽe ɖi hesi le vɔvɔ̃ ta. Ke hã wo dometɔ eve va tɔ le mɔa dzi. Woawoe nye Petro \"kple nusrɔ̃la bubu aɖe,\" si anɔ eme be eyae nye apostolo Yohanes. (Yohanes 18:15; 19:35; 21:24) Ðewohĩ wogava kplɔ Yesu ɖo esime wokplɔe yina Ana ƒe me. Esi Ana ɖo Yesu ɖe Nunɔlagã Kayafa gbɔ la, Petro kple Yohanes nɔ amehawo yome le adzɔge ɖaa. Anye be wonɔ vɔvɔ̃m ɖe woƒe agbe ta, gake wogadi hã be yewoanya nu si adzɔ ɖe yewoƒe Aƒetɔ la dzi.\nYohanes nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ, eya ta woɖe mɔ nɛ wòge ɖe Kayafa ƒe me eye wònɔ xɔxɔnua. Ke Petro ya nɔ agboa nu le xexe va se ɖe esime Yohanes va ƒo nu na dɔlanyɔnu si nye agbonudzɔlaa. Ale wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.\nVuvɔ nɔ wɔwɔm, eya ta ame siwo nɔ xɔxɔnua do akadzo nɔ ƒuƒum. Esi wonɔ ʋɔnua drɔ̃m Yesu la, Petro hã va nɔ dzoa ƒum henɔ lalam be \"yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.\" (Mateo 26:58) Esi Petro te ɖe dzoa ŋu azɔ ta la, agbonudzɔla si ɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme la te ŋu kpɔe nyuie wu. Ebiae be: \"Wò hã, menye ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?\" (Yohanes 18:17) Ame bubuwo hã kpɔ Petro dze sii eye wotso enu be enye Yesu yomedzela.—Mateo 26:69, 71-73; Marko 14:70.\nEsia medzɔ dzi na Petro kura o. Medi be yeadze amewo nakpɔ hafi o, eye wòtso yi mɔa nu gɔ̃ hã. Petro sẽ nu be yemenye Yesu yomedzela o, eye wògblɔ gɔ̃ hã be: \"Nyemenyae o, eye nyemese nya si gblɔm nèle hã gɔme o.\" (Marko 14:67, 68) Ede asi \"fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi,\" si fia be yelɔ̃ be yeaka atam be yeƒe nyaa le eme, eye vɔ̃ nedzɔ ɖe ye dzi ne mele eme o.—Mateo 26:74.\nƔemaɣi la, wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu, eye anɔ eme be Kayafa ƒe aƒea ƒe akpa si le dzi na xɔxɔnua ye wonɔ ʋɔnua drɔ̃mee le. Ðewohĩ Petro kple ame bubu siwo nɔ lalam le anyime la ate ŋu akpɔ ɖasefo vovovo siwo wokplɔ vɛ be woaɖi ɖase la ƒe yiyi kple gbɔgbɔ.\nGalileatɔe Petro nye, eya ta eƒe nuƒoƒo ɖe hae be aʋatso kamee wònɔ. Gawu la, enutsolawo dometɔ ɖeka nye Malko, ame si Petro kpa to na la ƒe ƒometɔ. Eya ta etso Petro nu gblɔ be: \"Menye wòe mekpɔ le abɔa me kplii oa?\" Esi Petro gasẽ nu zi etɔ̃lia la, koklo ku atɔ, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene.—Yohanes 13:38; 18:26, 27.\nAnɔ eme be ɣemaɣi la, Yesu nɔ dzia nɔ xɔxɔnua kpɔm le anyime. Aƒetɔ la trɔ, eye eya kple Petro ƒe ŋkume do go, si wɔe be nu si dzɔ la te ɖe Petro dzi vevie. Eɖo ŋku nya si Yesu gblɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ esime wonɔ dziƒoxɔa dzi la dzi. Bu ale si gbegbe Petro ƒe dzi agbã le nu si wòwɔ la ta ŋu kpɔ! Petro do go yi xexe ɖafa avi vevie.—Luka 22:61, 62.\nAleke wɔ nu sia te ŋu dzɔ? Aleke wòdzɔe be Petro, ame si ka ɖe edzi be yenye nuteƒewɔla si li ke le gbɔgbɔ me la gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ? Tsitretsiɖeŋulawo tro gbo nyateƒea eye wole nu wɔm ɖe Yesu ŋu abe nu vlo wɔla vɔ̃ɖi ene. Le esi teƒe be Petro naʋli ame maɖifɔ la ta la, etrɔ megbe de Ame si si \"agbe mavɔ nyawo le\" la boŋ.—Yohanes 6:68.\nNublanuinya si dzɔ ɖe Petro dzi la ɖee fia be ame si si xɔse le, si sroa Mawu ɖa la gɔ̃ hã ate ŋu akli nu adze anyi ne medzra ɖo nyuie ɖe dodokpɔwo kple tetekpɔwo ŋu o. Neva eme be nu si dzɔ ɖe Petro dzi la nanye nuxlɔ̃ame na Mawu subɔlawo katã!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/petro-gbe-nu-yesu-gb%C9%94\/","date":"2019-06-20T11:24:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999210.22\/warc\/CC-MAIN-20190620105329-20190620131329-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968624711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968624711036682}","num_words":621,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE WOKPƆ dɔléle si ate ŋu awu ame le wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe ŋu kpɔ la, ke ànya ale si wògbãa dzi na amee. Tsɔ kpe ɖe dɔlélea ŋutɔ ŋu la, ele be nànɔ te ɖe wò ŋutɔ loo alo dɔnɔa ƒe nuwɔnawo hã nu. Ne mɔ si dzi woto le dɔa dam na wò nana nèsea veve, mèkpɔ ga aƒle atikeawo o, alo ale si atikeawo ava ɖe fu na wò emegbe, ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo wò eye nàtsi dzi. Ne ame aɖe ƒe lãme gblẽ vevie la, ale si wònana ame tsia dzii la gagblẽa nyaa ɖe edzi.\nAfi kae míakpɔ kpekpeɖeŋu le? Ame geɖe kpɔe be ne yewoziɔ ɖe Mawu ŋu do gbe ɖa nɛ, eye yewoxlẽ akɔfanamenyawo le Biblia me la, enana yewokpɔa gbɔdzɔe ŋutɔ. Lɔlɔ̃ si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖena fiana kple woƒe kpekpeɖeŋu hã kpena ɖe ame ŋu.\nNU SI AME AÐEWO WƆ TE ŊU NƆ TE ÐE ENU\nRobert si xɔ ƒe 58 ɖo aɖaŋu be: \"Na ale si nèxɔ Mawu dzi se nakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Do gbe ɖa na Yehowa. Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ. Bia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Biae be wòado ŋusẽ wò nànɔ te sesĩe eye nàde dzi ƒo na wò ƒomea eye nàɖe dzi ɖi esime nèle dzi dom.\n\"Eɖea vi ŋutɔ ne wò ƒomea sea veve ɖe nuwò, eye woli na wò. Gbe sia gbe la, wo dometɔ ɖeka alo eve ƒoa ka nam biana be, 'Èfɔ nyuiea?' Xɔ̃nye siwo le teƒe vovovowo hã dea dzi ƒo nam. Esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ be magana ta o.\"\nNe èyi xɔ̃wò aɖe si dze dɔ srã ge kpɔ la, na Linda ƒe nya sia nanɔ susu me na wò. Egblɔ be: \"Dɔnɔa adi be yeaɖe susu ɖa le d��lélea ŋu ne yeƒe susu nanɔ nu bubuwo ŋu, si ta madi be yeanɔ nu ƒom tso eŋu ɣesiaɣi o. Eya ta miɖo dze tso nu bubu siwo ŋu mieɖoa dze tsonae ne miedo go.\"\nLe Mawu ƒe ŋusẽdoame kple akɔfanya siwo le Biblia me kple kpekpeɖeŋu si ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nana mí ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ agbe, ne míele dɔ lém vevie gɔ̃ hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2019-may-jun\/d%C9%94l%C3%A9le-ses%E1%BA%BD-ak%C9%94fafa\/","date":"2019-06-19T11:42:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979050159,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979050159454346}","num_words":377,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Template:ImportHTMLBookmarks\nAmeɖeke me meɖe article sia gɔme haɖe o. Ne enya alesi SUMO localize na nuwoe la, dze nuwogɔmeɖeɖe fifia. Ne edi be yea srɔ alesi naɖe articlewo gɔme na SUMO la, meɖekuku dze egɔme le afii.\nClick the Library button , then click . Scroll to the bottom and click .Click the Bookmarks button and select to open the Library window.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-35","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/kb\/templateimporthtmlbookmarks","date":"2019-08-25T06:49:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-35\/segments\/1566027323221.23\/warc\/CC-MAIN-20190825062944-20190825084944-00434.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9916880131,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9916880130767822}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.199,"stopwords_ratio":0.083,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.979,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BELIZE nye du sue aɖe, gake nu vovovowo bɔ ɖe eme, abe avetsu dodowo kple atsiaƒu blɔ siwo ƒo xlã eƒe ƒukpowo kple eƒe ƒutawo ene. Gake nu mawo nye nu wɔnuku siwo le Belize la ƒe ʋɛ aɖewo ko.\nXeviwo kple gbemelã ƒomevi alafa geɖewoe le du sia me. Xevi siawo dometɔ aɖee nye xevi dɔlɔbɔ, eye gbeha ƒomevi aɖe si ƒe nu le lɔbɔɔ si tea ŋu ƒua du sesĩe le gota kple tɔ gɔme siaa hã li! Lãkle siwo melɔ̃a hamenɔnɔ o hã li. Le nyateƒe me la, Belize ye wotu lãkle ƒe kpɔ gbãtɔ ɖo le xexea me.\nMayawo ƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖe Belize tsã. Spaintɔ anyigba yeye xɔlawo va le ƒe 1500-awo me, gake womete ŋu ɖu Mayawo dzi keŋkeŋ o. Emegbe la, Britaintɔwo va wɔ aʋa xɔ dua eye le ƒe 1862 me la, ezu Britaintɔwo ƒe dutanyigba eye wona ŋkɔe be Britaintɔwo ƒe Honduras. Gake le ƒe 1981 me la, Belize zu dukɔ nɔɖokusi.\nBelizetɔwo nya kpɔna abe ale si ko woƒe dua me nya kpɔ ene. To siwo me tɔwo sɔ gbɔ wu la dometɔ aɖewoe nye Kreolewo, Ɣedzeƒe Indiatɔwo, Garifunawo, Mayawo kple Mestizowo. Dua me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu eye wobua ame hã. Ne ɖeviwo le nu ƒom na ame tsitsiwo la, wozãa nya siwo fia \"Davi\" alo \"Efo\" zi geɖe, eye wozãa nya siwo fia \"Ɛ̃, dada\" alo \"Ao, papa\" tsɔ ɖoa nya ŋui.\nYehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Belize dometɔ aɖewo doa Amerika Tokunɔgbe, Belize Kriol, Eŋlisigbe, Dziehe Germanygbe, Chinatɔwo ƒe Mandarin, Maya (Mopán) kple Spaingbe. Le ƒe 2013 me la, Belizetɔ 1 le 40 me wɔ ɖeka kple Ðasefowo wode Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.\nÈNYAA? Belize ƒe adzakpo ƒe didime nye kilometa 290. Enye xexea me ƒe adzakpo gãtɔ evelia ƒe akpa aɖe. Adzakpo gãtɔ kekeakee lae nye Australiatɔwo ƒe Adzagbabali Gã la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201410\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-belize\/","date":"2020-01-17T19:31:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250590107.3\/warc\/CC-MAIN-20200117180950-20200117204950-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977592826,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977592825889587}","num_words":304,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Mawu gbɔe Biblia tso vavã la, ke ele be wòato vovo na agbalẽ ɖe sia ɖe.\nÐe vodadawo le nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?\nMenye dzɔdzɔmeŋutinunya gbalẽe biblia nye o, ke hã nu siwo wògblɔ ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la awɔ nuku na wò.\nNu kae nye \"dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu meli o\"?\nÐe blemagbalẽ sia de pɛpɛpɛa?\nEle be ƒome ɖe sia ɖe si li egbea nada akpe na ŋutsu sia. Nu ka tae?\nLe ƒe 1992 me la, Papa John Paul II gblɔ nya dovoɖiname aɖe ku ɖe ale si Katolikohaa wɔ nu ɖe Galileo ŋu la ŋu.\nXexemenunyala gã sia ƒe susu le nanewo ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafiawo dzi.\nEsi blema Israel-viwo wɔ ɖe se deŋgɔ siwo Mawu de na wo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu dzi la, eɖe vi na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/biblia-de-p%C9%9Bp%C9%9Bp%C9%9B-le-dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya-gome\/","date":"2020-01-24T14:28:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250620381.59\/warc\/CC-MAIN-20200124130719-20200124155719-00483.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984256029,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984256029129028}","num_words":143,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 1 2016 | Nɔnɔme Si Le Asiwò Ye Ana Nàkpɔ Dzidzɔ!\nNu nyuiwo ŋu bubu aɖe vi geɖe na wò wu ale si nàsusui.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe nunya si tso Biblia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔa?\nTsɔ nyabiase enyi siawo do ɖokuiwò kpɔ ne nànya nyateƒea.\nHELP FOR THE FAMILY\nAɖaŋuɖoɖo ene siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔlɔ̃nyui, ke menye yeaɖi xɔlɔ̃wo.\nLANDS AND PEOPLES\nNu kae nana tsaɖilawo yia dukɔ sue sia me le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe ame nyuiwo katã yia dziƒo ne wokua?\nWAS IT DESIGNED?\nMɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le agbagba dzem be yewoawɔ nudodo siwo anɔ amadede trɔm le sekɛnd ɖeka ko me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-january-2016\/","date":"2020-01-22T23:39:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250607596.34\/warc\/CC-MAIN-20200122221541-20200123010541-00051.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973218441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973218441009521}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.169,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui\nNA MÍAƑO nu tso nu si ŋuʋaʋã nye la ŋu. Ðe wòsesẽ na wò kpɔ be nàlɔ̃ ame aɖe ƒe nya le esi ame bubuwo gblɔna be enye ame nyui, edze ɖeka, alo eƒe tagbɔ ɖa ta? *— Esiae dzɔna ne èle ŋu ʋãm ame aɖe.\nNe dzilawo lɔ̃a ɖevi aɖe ƒe nya gbɔ wu bubuawo la, esia ate ŋu ana ŋuʋaʋã nanɔ aƒea me. Biblia ƒo nu tso ƒome aɖe si me ŋuʋaʋã he kuxi gã aɖe vae ŋu na mí. Na míakpɔ xaxa si esia he vae kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ me la ɖa.\nYosef ye nye Yakob viŋutsu 11 lia, eye Yosef tɔviwo nɔ ŋu ʋãmee. Ènya nu si taea?— Nu si tae nye be wo fofo Yakob lɔ̃a Yosef ƒe nya gbɔ wu. Le kpɔɖeŋu me, Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe na Yosef. Yakob lɔ̃ Yosef vevie \"elabena edzii le eƒe amegãkuku me,\" eye eyae nye srɔ̃a lɔlɔ̃a Raxel ƒe vi gbãtɔ.\nBiblia gblɔ be, 'esi Yosef nɔviwo kpɔ bena, yewo fofo lɔ̃nɛ wu yewo katã la, wolé fui.' Emegbe Yosef gblɔ na eƒe ƒomea gbe ɖeka be yeku drɔ̃e be wo katã wobɔbɔ na ye, eye ye fofo ŋutɔ hã nɔ eme. Biblia gblɔ be \"nɔviawo ʋã ŋui,\" eye fofoa gɔ̃ hã ka mo nɛ ɖe drɔ̃e ma si wògblɔ be yeku la ta.—1 Mose 37:1-11.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe, esime Yosef xɔ ƒe 17 la, nɔviaŋutsuawo nɔ ƒomea ƒe alẽwo kple gbɔ̃wo dzi kpɔm le teƒe aɖe si didi kilometa geɖe. Eya ta Yakob dɔ Yosef ɖa be wòayi aɖakpɔ ɖa be nɔviawo fɔ nyuie hã. Ènya nu si wo dometɔ akpa gãtɔ di be yewoawɔ esi wokpɔe wògbɔnaa?— Wodi be yewoawui! Gake wo dometɔ eve siwo nye Ruben kple Yuda ya medi be woawui o.\nEsi asitsala aɖewo tso eme va yina Egipte la, Yuda gblɔ be: \"Mina míatsɔe adzra.\" Wolɔ̃ ɖe edzi eye wodzra Yosef. Emegbe wowu gbɔ̃tsu aɖe, eye wotsɔ ʋua sisi ɖe Yosef ƒe awu ʋlaya la me. Esi wotsɔ awu ʋlaya la fia wo fofo emegbe la, efa avi gblɔ be: 'Lã wɔdã aɖe vuvu Yosef!'—1 Mose 37:12-36.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef va kpɔ amenuveve le Egipte fia Farao gbɔ. Nu si tae nye be Mawu kpe ɖe Yosef ŋu wòte ŋu ɖe drɔ̃e eve aɖewo siwo Farao ku la gɔme nɛ. Drɔ̃e gbãtɔ la ku ɖe nyinɔ dami adre kple nyinɔ lédɔ adre ŋu. Evelia ku ɖe nuku ƒe ta adre siwo do ku henyo kple nuku ƒe ta adre siwo medo ku o la ŋu. Yosef gblɔ be drɔ̃e eveawo siaa fia be agblemenuwo anyo ƒe adre, eye emegbe dɔ ato ƒe adre. Farao de dɔ asi na Yosef be wòaxɔ ŋgɔ ne woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe siwo me nuwo anyo la me atsɔ adzra ɖo ɖe dɔwuamea ŋu.\nEsi dɔ va to la, nuɖuɖu va hiã Yosef ƒe ƒometɔ, siwo nɔ teƒe aɖe si didi kilometa geɖe la. Le esia ta Yakob dɔ Yosef nɔviŋutsu tsitsi ewoawo ɖe Egipte be woaɖaƒle nuɖuɖu. Wova do ɖe Yosef ŋkume, gake womekpɔe dze si o. Gbã la, Yosef meɖe eɖokui fia nɔviawo o, edo wo kpɔ, eye wòkpɔe be eve wo be yewomewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o. Emegbe Yosef gblɔ ame si wònye la na wo. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe!—Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 40 va se ɖe ta 45.\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ŋuʋaʋã ŋu le Biblia me ŋutinya sia me?— Ŋuʋaʋã ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avae, ate ŋu ana ame nadi be yeawɔ nu vevi ye nɔvi kpamkpam gɔ̃ hã! Na míaxlẽ Dɔwɔwɔwo 5:17, 18 kple Dɔwɔwɔwo 7:54-59 ne míakpɔ nu si ŋuʋaʋã na amewo wɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɖa.— Esi míexlẽ mawunyakpukpui siawo vɔ la, èkpɔ nu si tae wòle be míakpɔ nyuie le ŋuʋaʋã ŋu ɖoa?—\nYosef nɔ agbe xɔ ƒe 110. Edzi viwo, eye viawo hã dzi tɔgbuiyɔviwo nɛ, emegbe tɔgbuiyɔviawo hã dzi tɔgbuitɔgbuiyɔviwo nɛ. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef fia wo zi geɖe be woalɔ̃ wo nɔewo, eye woaganɔ ŋu ʋãm o.—1 Mose 50:22, 23, 26.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo tɔgbi aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.\nNyabiasewo:\n○ Nu kae ŋuʋaʋã nye?\n○ Nu kae ŋuʋaʋã na Yosef nɔviŋutsuwo wɔ?\n○ Nu ka tae Yosef tsɔ nɔviaŋutsuwo ƒe vodadawo ke wo ɖo?\n○ Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?\n[Nɔnɔmetata si le axa 16]","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20081001\/Fia-Nu-Viw%C3%B2wo-%C3%90e-N%C3%A8%CA%8B%C3%A3-%C5%8Au-Kp%C9%94a-Yosef-N%C9%94viwo-%C6%B2%C3%A3-%C5%8Aui\/","date":"2020-02-20T03:32:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875144498.68\/warc\/CC-MAIN-20200220005045-20200220035045-00305.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992283583,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992283582687378}","num_words":760,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyakpakpa Ðeka Hea Bubu Ðe Go\nAPOSTOLO Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la be: \"Mikpɔ nyuie.\" Nu ka ƒe nuxlɔ̃ame nam wònɔ? Eɖe eme be: \"Ðewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe.\"—Kolosetɔwo 2:8.\nTogbɔ be Paulo xlɔ̃ nu alea hã la, tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo la, Kristotɔ aɖewo va te blema xexemenunya ƒe nukpɔsusu aɖewo zazã tsɔ nɔa woƒe dzixɔsewo me ɖem. Nu ka tae? Wodi be yewoƒe nu nadze agbalẽnyalagã siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea me la ŋu ahato esia dzi ahe ame geɖewo ava Kristotɔnyenye me.\nJustin Martyr, si nye Kristotɔ siawo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wu la dometɔ ɖeka, xɔ edzi se be Mawu ƒe Nyanuɖela ɖe eɖokui fia Hela xexemenunyalawo xoxoxo do ŋgɔ na Yesu ƒe vava. Le Justin kple nufiala bubu siwo ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple etɔ ƒe nya nu la, xexemenunya kple xotutuwo dede Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me na Kristotɔnyenye va de du wu.\nAme geɖe siwo menye Kristotɔwo tsã o la ƒo zi ɖe Kristotɔnyenye sia si ƒomevi Justin Martyr to vɛ la ŋu. Ke hã, nyakpakpa ɖeka xɔxɔ de eme va na woto bubuwo vae, siwo nye nyakpakpa siwo dzi ame geɖe va xɔ se egbea be wonye Kristotɔwo ƒe nufiafiawo. Be nàde dzesi nyakpakpa siawo la, tsɔ nya siwo numekugbalẽ siwo gbɔna gblɔ la sɔ kple nu si tututu Biblia fia.\n[Picture Credit Lines on page 3]\nAbosam: Barrators—Giampolo\/The Doré Illustrations For Dante's Divine Comedy\/Dover Publications Inc.; mawudɔlawo: Art Resource, NY; mawuɖekaetɔ̃ ƒe kpetata: Museo Bardini, Florence","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091101\/Nyakpakpa-%C3%90eka-Hea-Bubu-%C3%90e-Go\/","date":"2020-02-25T03:32:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146004.9\/warc\/CC-MAIN-20200225014941-20200225044941-00113.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996543169,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965431690216064}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YAWOÐAGBE fiẽsi va ɖo, ŋkeke eve va yi. Yesu kple eƒe apostolo 12 la va dziƒoxɔ gã sia me be woaɖu Ŋutitoto ƒe nuɖuɖu la. Ŋutsu si dzo yina lae nye Yuda Iskariot. Eyina alesi nunɔlawo awɔ alé Yesu la gblɔ ge na wo.\nŊkeke si do ŋgɔ na gbemagbe la koe Yuda yi ɖabia wo be: 'Ne mekpe ɖe mia ŋu mielé Yesu la, nukae mianam?' Wogblɔ be: 'Klosalo blaetɔ̃.' Eyata Yuda yina amesiawo gbɔ be wòakplɔ wo ayi Yesu gbɔe. Ðe nu ma medzi ŋɔ ŋutɔ oa?\nWoɖu Ŋutitoto nuɖuɖua vɔ. Gake fifia Yesu dze nuɖuɖu tɔxɛ bubu aɖe gɔme. Etsɔ abolo de asi na eƒe apostolowo hegblɔ be: 'Miɖui, elabena esia enye nye ŋutilã, si woana ɖe mia ta.' Emegbe wòtsɔ kplu, si me wein le la na wo hegblɔ be: 'Minoe, elabena esia enye nye ʋu, si woakɔ ɖi ɖe mia ta.' Biblia yɔ esia be 'Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu.'\nIsrael-viwo ɖu Ŋutitoto la be wòaɖo ŋku ɣeyiɣi, si me mawudɔla 'to woƒe aƒewo ŋuti' le Egipte, gake wòwu ŋgɔgbevi, siwo katã le Egiptetɔwo ƒe aƒewo me la dzi na wo. Gake azɔ la, Yesu di be ye yomedzelawo naɖo ŋku ye dzi kple alesi yetsɔ yeƒe agbe na ɖe wo tae la. Esia tae wògblɔ na wo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ sia ƒe ŋkeke ƒe sia ƒe.\nLe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu vɔ megbe la, Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woawɔ kalẽ ahasẽ ŋu le xɔse me. Mlɔeba la, wodzi hawo na Mawu eye wodzo. Fifia zã do ŋutɔ, zã ga wuieve va yi. Na míakpɔ afisi woyi la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-%C6%92e-fi%E1%BA%BDnu%C9%96u%C9%96u-maml%C9%9Ba\/","date":"2020-06-04T15:56:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347441088.63\/warc\/CC-MAIN-20200604125947-20200604155947-00152.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988033772,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988033771514893}","num_words":264,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 1 va se ɖe August 28, 2016 la le tata sia me.\nAleke nàwɔ aka ɖe edzi be Mawu léa be na wò? Kpɔ esia ƒe kpeɖodzi ɖa.\nAleke Mawu tiaa ame siwo ŋu wòdi be yeatrɔ asi le? Nu ka tae wòtrɔa asi le wo ŋu? Aleke wòtrɔa asi le wo ŋu?\nNɔnɔme kawoe akpe ɖe ŋuwò nànɔ abe anyi bɔbɔe ene le Mawu si me?\nLe Ezekiel ƒe ŋutegaa me la, ame kawoe ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na kpakple ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la le tsitre ɖi na?\nGɔmesese ka nue Mawu nye \"ɖeka\" ko le, eye aleke míasubɔ eya ɖeɖe ko?\nBlema Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo gblɔ nya alo wɔ nu wòve amewo. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu siawo me?\nNe esu asiwò la, eƒe viɖe ƒo kesinɔnuwo ta.\nÐe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la? Kpɔe ɖa be nu kawo dzie yeate ŋu aɖo ŋkui mahã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2016\/","date":"2020-05-30T13:23:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347409171.27\/warc\/CC-MAIN-20200530102741-20200530132741-00312.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980914593,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998091459274292}","num_words":169,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi kawo ƒomevie wozã le Biblia ŋlɔɣiwo?\nApostolo Yohanes ŋlɔ lɛta etɔ̃ siwo nye Biblia ƒe akpa aɖe, eye wògblɔ le etɔ̃lia ƒe nyataƒonyaa me be: \"Nya geɖewo nɔ asinye maŋlɔ na wò hafi, gake nyemedi be mayi edzi atsɔ nuŋlɔtsi kple nuŋlɔti ayi nuŋɔŋlɔa dzi o.\" Ne woɖe blema Helagbe me nya si Yohanes zã le kpukpui sia me la gɔme ɖe nyagbeawo ŋutɔŋutɔ nu la, efia be yemedi be yeayi edzi atsɔ \"[nuŋlɔtsi] yibɔ kple aɖa\" ayi nuŋɔŋlɔa dzi o.—3 Yohanes 13, The Kingdom Interlinear Translation of the Greek Scriptures.\nAgbalẽŋlɔla ƒe nuŋlɔti la nyea aɖa si wotso kpo. Wotsoa eƒe nugbɔ ɖeka wòviãna abe ale si wotsoa fofoŋ ene, eyome wofea eƒe tsutsuẽƒea lɛ. Agbalẽŋlɔlaa agate ŋu anyinyre nuŋlɔtia nu le nunyrekpe dzi. Nuŋlɔtia ƒe wɔwɔme kple eƒe dzedzeme le ko abe egbegbe nuŋlɔti si woyɔna be fountain pen siwo ƒe nugbɔ nye ga la ene.\nWotsɔa kpomedzɔble kple aŋetimetsi si wotsaka la wɔa nuŋlɔtsi akpa gãtɔ, siwo dome 'yibɔtɔ' hã le. Wotrɔa asi le eŋu wòzua wɔ hedzrana, eye ele be woatsɔ tsi agbɔsɔsɔme si sɔ la atsakae hafi azã. Ne wotsɔe ŋlɔ nui la, ɖeko wòƒuna ɖe aƒlagbalẽa alo lãgbalẽa dzi, gake meɖena ɖe eme o. Eya ta agbalẽŋlɔlaa ate ŋu atsɔ akutsa si wòde tsi me la atutu vodadawo ɖa enumake, eye anɔ eme be akutsa sia hã kpe ɖe eƒe dɔwɔnuwo ŋu. Blemanuŋlɔtsi ŋuti nya sia na míekpɔ nu si anya nɔ susu me na Biblia ŋlɔlawo ne wole nu ƒom tso ame ƒe ŋkɔ tutu ɖa le Mawu ƒe ŋkuɖodzigbalẽ me ŋu.—2 Mose 32:32, 33; Nyaɖeɖefia 3:5, Kingdom Interlinear.\nAvɔgbadɔ kawo ƒomevie apostolo Paulo wɔ?\nDɔwɔwɔwo 18:3 gblɔ be apostolo Paulo nye avɔgbadɔwɔla. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, avɔgbadɔwɔlawo lɔ̃a kposɔfu alo gbɔ̃fu wòzua avɔ lɛlɛlɛwo. Eyome wotɔa wo tsyana ɖe wo nɔewo nu wòzua avɔgbadɔ hena mɔzɔlawo ƒe zazã. Ke hã, wogazãa lãgbalẽ na avɔgbadɔwo wɔwɔ zi geɖe le ɣemaɣi. Wotea ŋu zãa aklala hã, eye Tarso, si nye du si me Paulo tso la nye afi si wowɔa aklala le. Anɔ eme be Paulo wɔ nu siawo dometɔ aɖewo alo wo katã ŋu dɔ. Ke hã, ɖewohĩ esime Paulo nɔ dɔ wɔm kple Akwila la, ewɔ aklalavɔ siwo wotsɔna xea ŋdɔkutsu le aƒewo ƒe xɔxɔnu la hã.\nAnɔ eme be Paulo ƒe ɖekakpui mee wòsrɔ̃ dɔ sia. Kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le Egiptetɔwo ƒe aƒlagbalẽwo dzi la ɖee fia be le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi la, dɔsrɔ̃vi siwo nɔ Egipte la dzea dɔsɔsrɔ̃ gɔme ne woxɔ ƒe 13. Ne ƒe mae Paulo xɔ hafi dze dɔsɔsrɔ̃ gɔme la, ke kaka wòaxɔ ƒe 15 alo 16 la, anya bi ɖe ale si wotsoa agbadɔvɔ kpakple ale si wozãa tɔnui kple nutɔtɔ ƒe mɔnu vovovowo tsɔ wɔa avɔgbadɔwoe me. Agbalẽ aɖe (The Social Context of Paul's Ministry) gblɔ be: \"Esi Paulo srɔ̃ dɔ vɔ la, woanya tsɔ dɔwɔnu siwo ŋu dɔ wòawɔ la nae.\" Agbalẽ ma ke gagblɔ be: \"Dɔwɔnu vevi siwo nye hɛ̃wo kple nuŋɔnuiwo . . . la ana wòanɔ bɔbɔe be Paulo nanɔ avɔgbadɔ wɔm le afi sia afi si wòyi,\" eye le afi si wòhiã le la, ate ŋu awɔ aɖaŋu sia ŋu dɔ atsɔ akpɔ eɖokui dzi le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20121101\/%C3%A8nyaa\/","date":"2020-05-28T19:07:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347399830.24\/warc\/CC-MAIN-20200528170840-20200528200840-00526.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970805645,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970805644989014}","num_words":524,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOAKPƆ ʋetsuvi ƒomevi siawo le anyigbaa katã dzi negbe anyigba siwo dzi fa miamiamia le anyigbaa ƒe anyiehe ɖaa koe womele o. Ʋetsuvi ƒomevi siawo siwo le Amerika ƒe dzieheɣedzeƒe ƒe agbenɔnɔ wɔa nuku na nugbagbeŋutinunyalawo.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Ʋetsuvi ƒomevi siawo miliɔn geɖe dona le vome le adame hena kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Le ɣeyiɣi kpui si wova nɔa agbe le ɣea te me la, woɖɔlia tsro, woxlɔ̃na sesĩe wotɔa to me, wodzona, wodzina eye emegbe wokuna. Nukutɔe la, exɔa ƒe 13 va ɖo 17 hafi esiwo wodzi la gadona eye esia nɔa te ɖe ʋetsuviawo dzi. Hafi woava do la, afi kae wonɔna?\nHafi míaɖo nya sia ŋu la, ele be míanya ale si ʋetsuvi ƒomevi siawo nɔa agbee. Ne wodo le kwasiɖa ɖeka megbe la, tsitsiawo yɔa asi eye nɔeawo ɖɔa azi 400 va ɖo 600 ɖe atilɔ suesuewo me. Ema megbe kpuie la, tsitsiawo kuna. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, aziawo ƒona, eye wo vi fɛ̃awo gena ɖe anyigba heyia to me eye wodzea agbe gɔme le anyigba tu me eye wonɔa tsi siwo le atiwo ƒe kewo me nom hena ƒe geɖe. Le ƒe 13 alo 17 megbe la, wotsina dona va nɔa agbe nenema ke le ɣea te.\nLe nyati aɖe si wota ɖe magazine aɖe (Nature) me ƒe nya nu la, ale si ʋetsuvi siawo nɔa agbee la \"wɔa nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe alafa geɖe. . . . Fifia gɔ̃ hã nudzodzoeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoanya ale si ʋetsuvi siawo ƒe agbenɔnɔ alea wɔ va dzɔ.\" Enye nu wɔnuku si gɔme sese goglo le lãwo dome.\nNu kae nèsusu? Ðe ale si ʋetsuvi ƒomevi siawo wɔna nɔa agbee la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no4-2016-august\/%CA%8Betsuvi-%C6%92omevi-a%C9%96e\/","date":"2020-06-02T12:39:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347424174.72\/warc\/CC-MAIN-20200602100039-20200602130039-00526.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995406866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995406866073608}","num_words":278,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame siwo mele ɖeke me nyam o lae xɔnɛ sena be ame kukuwo agava nɔ agbe akea? Apostolo Paulo mesusui nenema o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: \"Ne agbe sia ɖeɖe ko mee míekpɔ mɔ na Kristo le la, ekema míaƒe nue wɔ nublanui wu. Gake azɔ wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.\" (1 Korintotɔwo 15:19, 20) Paulo ka ɖe tsitretsitsia dzi bliboe. Woɖo kpe tsitretsitsia ƒe nyateƒenyenye dzi esi wofɔ Yesu ŋutɔ ɖe tsitre. * (Dɔwɔwɔwo 17:31) Ema tae Paulo yɔ Yesu be, \"kutsetse gbãtɔ\" ɖo, elabena eyae nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre hena agbe tegbee nɔnɔ. Ne Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ alea la, ke efia be woafɔ ame bubuwo hã nenema ke.\nSusu bubu si tae nàte ŋu aka ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzie nye esi: Yehowa nye nyateƒe Mawu. \"Mawu . . . mate ŋu aka aʋatso o.\" (Tito 1:2) Yehowa meka aʋatso kpɔ o, eye maka aʋatso gbeɖe o. Ðe wòado ŋugbe be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre, eye kura gɔ̃ hã wòaɖee afia be yeate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, evɔ mawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi oa? Yehowa mate ŋu awɔ nu nenema gbeɖe o!\nNu ka tae Yehowa ɖoe be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔme? Eƒe lɔlɔ̃ tae. Hiob bia be: \"Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?\" Eya ŋutɔ ɖo eŋu be: 'Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzro wò vevie.' (Hiob 14:14, 15) Hiob ka ɖe edzi be ye Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la adi vevie be yeafɔ ye ɖe tsitre. Ðe Mawu trɔa? Mawu ŋutɔ gblɔ be: \"Nyee nye Yehowa; nyemetrɔna o.\" (Malaki 3:6) Egakpɔtɔ le Mawu dzrom vevie be yeana ame siwo ku la nagbɔ agbe eye woanɔ lãmesẽ kple dzidzɔ me. Ðeko wòle abe ale si dzila lɔ̃ame ɖe sia ɖe si vi ku na la dina vevie be yeagakpɔ ye via ake la ene. Gake nu si to vovoe nye be, ŋusẽ le Mawu ya si be wòawɔ nu sia nu si wòdi.—Psalmo 135:6.\nKu nye kuxi sesẽ aɖe, gake egbɔkpɔnu si de blibo le Mawu si\nYehowa ana ŋusẽ Via be wòafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre be wòahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na ƒometɔ siwo le woƒe ame veviwo ƒe ku fam. Gake aleke Yesu sena le eɖokui me le tsitretsitsia ŋu? Hafi Yesu nafɔ Lazaro ɖe tsitre la, ekpɔ veve si gbegbe sem Lazaro nɔvinyɔnuawo kple wo xɔlɔ̃wo le, eye eya ŋutɔ hã \"fa avi.\" (Yohanes 11:35) Ɣebubuɣi la, Yesu do go ahosi si tso Nain, si ƒe viŋutsu ɖekɛa ku. Esi Yesu kpɔ ahosia la, \"eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wògblɔ nɛ be: 'Dzudzɔ avifafa.'\" Eye wòfɔ via ɖe tsitre enumake. (Luka 7:13) Esia fia be amewo ƒe ku kple nuxaxa tena ɖe Yesu dzi vevie. Eya ta dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na Yesu be yeana ame siwo le nu xam le xexea me godoo la ƒe nuxaxa nu nayi eye dzidzɔ nayɔ woƒe dziwo me!\nÐe ku do nuxaxa na wò kpɔa? Ðewohĩ awɔ na wò be ku nye kuxi si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o. Gake egbɔkpɔnu li. Eyae nye be Mawu ato Via dzi agbɔ agbe ame siwo ku. Ðo ŋku edzi be Mawu di be wò ŋutɔ nàkpɔ eteƒe. Edi be nànɔ afi ma awɔ atuu na wò ame veviwo. Kpɔe ɖa ko be wò kpli wo miewɔ ɖeka hele ɖoɖo wɔm ɖe etsɔme mavɔ ŋu, esime ame aɖeke magaku agblẽ nɔvia ɖi gbeɖe o!\nLionel, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: \"Meva srɔ̃ nu tso tsitretsitsia ŋu mlɔeba. Le gɔmedzedzea me la, esesẽ nam be maka ɖe edzi, eye nyemexɔ ame si ƒo nu tso eŋu nam la dzi se o. Gake nye ŋutɔ medii le Biblia me eye mekpɔe be nyateƒee! Eya ta mele tsɔtsɔm nam o, medi be magakpɔ tɔgbuinye ake.\"\nÀdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si tae yewoka ɖe tsitretsitsia dzi nenema gbegbe ɖo la le wò ŋutɔ wò Biblia me. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150801\/tsitrtsitsi-la\/","date":"2020-07-04T19:42:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655886516.43\/warc\/CC-MAIN-20200704170556-20200704200556-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982364774,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982364773750305}","num_words":679,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Racquel Hall dada nye Israel Yudatɔ eye fofoa nye Austriatɔ aɖe si va ɖo Yuda-subɔsubɔha me. Dadaa dzilawo nye Zion-dukɔa gbugbɔ ɖo anyi ta ʋlilawo, eye woʋu yi Israel le ƒe 1948 me, ƒe ma mee Israel zu Dukɔ nɔɖokuisi. Nyɔ! magazinea talawo bia gbe Racquel wòɖe nu si na wògbugbɔ ŋku lé ɖe woƒe Yuda-subɔsubɔ dzixɔsewo ŋu la me.\nƑo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí.\nWodzim le ƒe 1979 me le United States. Dzinyelawo gbe wo nɔewo esime mexɔ ƒe etɔ̃. Nɔnye nyim le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu, eye wòdem Yudatɔwo ƒe suku (yesiva). Esi mexɔ ƒe adre la, míeʋu ɖanɔ Israel ƒe ɖeka, eye mede suku le dɔwɔlawo ƒe nuto siwo woyɔna be kibbutz la dometɔ ɖeka me. Emegbe nye kple Nɔnye míeʋu yi Mexico.\nTogbɔ be Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖeke menɔ afi ma o hã la, melé míaƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi. Mesia bosomikaɖi le Sabat dzi, mexlẽa míaƒe Torah, mezãa míaƒe gbedoɖagbalẽ (siddur) tsɔ doa gbe ɖa. Zi geɖe la, megblɔna na nye sukuxɔmehatiwo be míaƒe subɔsubɔhae nye gbãtɔ. Nyemexlẽ Biblia ƒe akpa si wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeye, si ƒo nu tso Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa kple eƒe nufiafiawo ŋu la kpɔ o. Le nyateƒe me la, Nɔnye gbee nam vevie be nyemegaxlẽe o, elabena eƒe nufiafiawo ava ƒo ɖi nye mawusubɔsubɔ.\nNu kae na nèva ɖoe be yeaxlẽ Nubabla Yeyea?\nEsi mexɔ ƒe 17 la, metrɔ yi United States be maɖawu suku nu. Medo go nye ame nyanyɛ aɖe le afi ma si be Kristotɔe yenye eye wògblɔ nam be ne nyemexɔ Yesu dzi se o la nye agbe made blibo o.\nMeɖo eŋu nɛ be: \"Ame siwo xɔ Yesu dzi se la ɖe wobu koŋ.\"\nEbiam be: \"Ke èxlẽ Nubabla Yeyea kpɔa?\"\nMeɖo eŋu be: \"Ao.\"\nEye wògblɔ be: \"Ekema menye nu si ŋu menya naneke tsoe o ye nye ema nèle fɔ bumee oa?\"\nEƒe nyawo tɔm vevie, elabe mebunɛ be enye bometsitsi be ame nabu fɔ nu si ŋu menya naneke tsoe o. Nya la wɔ dɔ ɖe dzinye, eya ta mexɔ eƒe Biblia yi aƒe me hede asi exexlẽ me.\nDɔ kae nu si nèxlẽ la wɔ ɖe dziwò?\nNukutɔe la, meva kpɔe be Yudatɔwoe Nubabla Yeyea ŋlɔlawo nye. Zi ale si mexlẽe la, zi nenemae mekpɔnɛ be Yesu nye Yudatɔ fatu ɖokuibɔbɔla si di be yeakpe ɖe amewo ŋu ke menye be yeaba wo o. Meyi agbalẽdzraɖoƒe ɖaɣe agbalẽ siwo ƒo nu tso eŋu gɔ̃ hã. Gake agbalẽ siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo kpe edzi nam be Yesue nye Mesia la o. Ðewo gɔ̃ hã be eyae nye Mawu, si nye nya si me susu aɖeke mele nam o. Ne nenemae la ke ame kae Yesu do gbe ɖa na, eya ŋutɔ ɖokui yea? Gawu la, Yesu ku. Gake Biblia gblɔ le Mawu ŋu be: \"Wò la mèkuna o.\" *\nAleke nèkpɔ nya mawo gbɔe?\nNyateƒe la metsia tsitre ɖe eɖokui ŋu o, eye meɖoe kplikpaa be make ɖe nyateƒea ŋu. Eya ta medo gbe ɖa na Mawu vevie kple aɖatsiwo, eye esiae nye zi gbãtɔ si medo gbe ɖa nye gbedoɖagbalẽa mazamazãe. Kaka mawu gbedodoɖaa nu ko la, mese ʋɔƒoƒo. Yehowa Ðasefo eve aɖewoe. Wona woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ ɖekam. Agbalẽ sia kple nu siwo me Ðasefoawo va dzro kplim emegbe la na meka ɖe edzi be Biblia dzie wotu woƒe dzixɔsewo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, nu si Ðasefoawo xɔ se ye nye be, \"Mawu ƒe Vi\" * kple \"Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze\" * ye Yesu nye, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖee o.\nEma megbe kpuie la, metrɔ yi Mexico, eye Ðasefowo yi edzi fia num tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la ŋu. Ale si nyagblɔɖiawo sɔ gbɔe la wɔ nuku nam! Ke hã ɖikeke aɖe gakpɔtɔ nɔ menye kokoko. Mebia ɖokuinye be: \"'Yesu ɖeka koe nyagblɔɖi siawo sɔ kplea?' eye \"Nu kae fia be menye ameflula aɖe koe dze agbagba wɔ nu abe Mesia ene o?\"\nNu kae na nètrɔ susu kura?\nÐasefoawo tsɔ nyagblɔɖi aɖewo fiam siwo ameflula aɖeke mate ŋu ana woava eme ɖe eɖokui dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Mixa gblɔe ɖi ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ be woadzi Mesia la le Betlexem, le Yudea. * Ame kae ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe afi si wòadzi le dzi? Yesaya gblɔe ɖi be woawu Mesia la abe nu vlo wɔla vɔ̃ɖi aɖe ene, gake woaɖii ɖe kesinɔtɔwo dome. * Nyagblɔɖi siawo katã va eme ɖe Yesu dzi.\nNu mamlɛtɔe nye ƒome si me woadzii Yesu le. Biblia gblɔ be Mesia la anye Fia David ƒe dzidzimevi. * Esi wònye dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo nɔa blema Yudatɔwo si ta la, ɖe menye David ƒe ƒome mee wodzi Yesu le o la, anye ne eƒe futɔwo agblɔe le dutoƒo! Gake womete ŋui o, elabena ɖikeke aɖeke mele eme o be David ƒe ƒomea mee Yesu dzɔ tso. Amehawo gɔ̃ hã yɔnɛ be \"David Vi.\" *\nLe ƒe 70 Mía Ŋɔli, si nye ƒe 37 le Yesu ƒe ku megbe la, Roma-ʋakɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem, eye esia wɔe be dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo bu alo wo dome gblẽ. Eya ta be woate ŋu anɔ te ɖe dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo dzi ade dzesi Mesia la, ele be wòava do ŋgɔ na ƒe 70 Mía Ŋɔli.\nDɔ kae esia nyanya wɔ ɖe dziwò?\nWogblɔe ɖi le 5 Mose 18:18, 19 be Mawu aɖo nyagblɔɖila aɖe na Israel si anɔ abe nyagblɔɖila Mose ene. Eye Mawu gblɔ be, \"Ame si ke meɖo to nya, siwo wòagblɔ le nye ŋkɔ dzi o la, mabia tso ame la si.\" Biblia bliboa sɔsrɔ̃ nyuie na meva ka ɖe edzi bliboe be Yesu Nazaretetɔ lae nye nyagblɔɖila ma.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201305\/yuda-ny%C9%94nu-a%C9%96e-%C9%96e-nu-si-tae-w%C3%B2gbugb%C9%94-%C5%8Bku-l%C3%A9-%C9%96e-e%C6%92e-dzix%C9%94sewo-%C5%8Bu-me\/","date":"2020-08-06T22:18:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737039.58\/warc\/CC-MAIN-20200806210649-20200807000649-00431.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995855689,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995855689048767}","num_words":919,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BRAZILTƆ gbãtɔwo nye adedalawo kple agbledelawo. Portugaltɔ du yeye dilawoe tsɔ Katolikoha vɛ, eye wotu sɔlemexɔ kple gbedoxɔ geɖewo. Wotsɔ atinu kpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo la ɖo atsyɔ̃ kpeɖii na xɔ siawo dometɔ aɖewo.\nTso ƒe 1500 ƒe domedome va se ɖe ƒe 1800 ƒe domedome la, wotsɔ tɔdziʋu lɔ kluvi siwo ade miliɔn ene tso Afrika va Brazil be woawɔ dɔ le agblewo dzi. Kluvi siawo tsɔ woƒe kɔnuwo va Brazil. Kɔnu siawo va zu Braziltɔ siwo nye Afrikatɔwo ƒe dzidzimeviwo la ƒe subɔsubɔha siwo dometɔ aɖewoe nye macumba kple candomblé. Afrikatɔwo ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe Brazil hadzidzi, ɣeɖuɖu kple woƒe nuɖuɖuwo dzi.\nBraziltɔwo ƒe nuɖuɖuwo dometɔ ɖekae nye feijoada si wosrɔ̃ tso Portugaltɔwo gbɔ. Enyea tadi siwo wotsɔa lã kple ayi yibɔ wɔna, eye wotsɔa mɔlu kple gboma ƒomevi aɖe ɖunɛ. Le ƒe 1800 kple ƒe 1900 me la, ame miliɔn geɖe ʋu tso Europa (vevietɔ tso Germany, Italy, Poland kple Spain), Japan kpakple dukɔ bubuwo me va tsi Brazil.\nEgbea, Yehowa Ðasefo 750,000 aɖewoe le Brazil dukɔa me godoo, eye woƒe hamewo le 11,000. Wosrɔ̃a Biblia kple ame 800,000 kple edzivɔwo. Yehowa Ðasefo xɔtudɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo 31 woe le dukɔa me eye woyia nuto vovovowo me ɖakpena ɖe Ðasefo siwo le nuto mawo me ŋu wotua Fiaɖuƒe Akpatawo hedzraa bubuwo ɖo ale be woƒe haxɔsetɔwo nakpɔ teƒe siwo woawɔ kpekpewo le. Fiaɖuƒe Akpata siwo wotuna kple esiwo wodzrana ɖo ƒe sia ƒe la ƒe xexlẽme nye 250 va se ɖe 300. Tso March 2000 va se ɖe fifia la, wowu Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ 3,647 nu.\nÈNYAA?\nAmazon-tɔsisia me tsiwo sɔ gbɔ wu tɔsisi ɖe sia ɖe tɔ, eye wòkeke kilometa 6,275 kple edzivɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201312\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-brazil\/","date":"2020-08-14T00:56:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00431.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990106225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990106225013733}","num_words":267,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Zã nu siwo wokpɔna nàtsɔ ana nufiamea nadze ƒãa eye wòanɔ bɔbɔe be woaɖo ŋku edzi.\nALE SI NÀWƆE:\nZã nu siwo wokpɔna siwo ana wò nufiafiaa nanyo ɖe edzi. Wɔ fotowo, nɔnɔmetatawo, anyigbatatawo, ɣeyiɣikɔntabubu ƒe fliwo, alo nu bubu siwo wokpɔna ŋu dɔ nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi, ke menye nya kukluiwo dzi o. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaɖo ŋku nufiamea dzi, ke menye nu siwo wokpɔna la ɖeɖe ko dzi o.\nKpɔ egbɔ be wò nyaselawo ate ŋu akpɔ nu si zãm nèle la nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/9-nu-siwo-wokp%C9%94na-%C5%8Bu-d%C9%94-w%C9%94w%C9%94\/","date":"2020-08-13T23:17:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00056.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987387061,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998738706111908}","num_words":93,"character_repetition_ratio":0.116,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"ƑEÐEKADZOÐEKƐ ƒomevi siawo menya kpɔ o. Nu ka tae wokɔkɔ nenema gbegbe? Nu ka tae woƒe nu didi alea?\" Ame geɖe alɔ̃ ɖe Henry David Thoreau, si nye agbalẽŋlɔla le ƒe alafa 19 lia me, ƒe nya siawo siwo wògblɔ tso lã klitsu siawo ŋu la dzi. Esi wovloe, womebɔ o, eye womezɔna le ha me o ta la, amewo kpa nyawo gblɔ le ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo ŋu be wole klayii eye nunya mele tagbɔ na wo o. Nyateƒeea? Numekula siwo le Dziehe Amerika kple Europa kpakple Asia kpɔ nu ɖedzesi aɖewo le lã siawo ŋu.\nAme sia ame alɔ̃ ɖe edzi be ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo nye lã klitsuwo. Togbɔ be \"gbemelã klitsu\" siawo ƒe afɔ legbeeawo mena woƒe azɔlime nya kpɔna o hã la, ŋusẽ le woƒe afɔawo ŋu ale gbegbe be wotsɔnɛ tua amegãxiwo ƒua anyi. Ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo srɔ̃a tsiƒuƒu tso wo dziɣi ke, eye woƒua tsi kilometa geɖe hedoa ɖi yia tsia te meta 6 sɔŋ va ɖua tɔmegbewo!\nƑeɖekadzoɖekɛ tea ŋu troa ŋku kpɔa nu le megbe esi mahiã be wòanyè kɔ o. Eƒe ŋɔti ƒe nɔnɔme hã kpena ɖe eŋu geɖe. Numekulawo gblɔ be esi eƒe ŋɔtido eveawo dome keke ta la, enana wòsea nu ƒe ʋeʋẽ tso akpa sia akpa. Eƒe towo hã ɖa ŋutɔ. Etea ŋu trɔa eƒe towo ɖe goawo katã me sea etɔ bubuwo ŋkɔ tso adzɔge abe kilometa 3 sɔŋ ene!\nAgbalẽŋlɔla aɖe ɖɔ wo viwo be \"womenyra bo o,\" wokea ŋku ɖe nu me heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Wo nɔwo léa be na wo hekpɔa wo ta nyuie, eye woɖea nu sia nu si di be yealé wo viwo la ɖe nu, eɖanye amegãxi, sisiblisi, alo amegbetɔ gɔ̃ hã o. Ke ne wo viwo xɔ abe ƒe ɖeka ene, eye wo nɔwo gafɔ fu la, wonyaa ɖeviawo ɖa le wo ɖokui ŋu.\nWONƆA ANYIGBA FAFƐWO DZI\nEsi wònye gbe koŋue ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo ɖuna ta la, nu ka nue wonɔa agbe ɖo le snodzaɣi? Woɖua nu geɖe le dzomeŋɔli. Nu si woɖuna gbe sia gbe ƒe kpekpeme dea kilogram 23, eɖanye le ati si kɔ meta 3 dzi loo, alo tɔmegbe siwo le tsi gɔme meta 3 ye o. Woƒe dɔgbo si ma ɖe akpa ene me la ɖea nunyiame ɖe sia ɖe le nuɖuɖua me ale be wodaa ami nyuie hafi vuvɔŋɔli ɖona. Wogadoa go kuxi bubuwo hã le vuvɔŋɔli.\nNe sno dza sɔ gbɔ eye yame fa miamiamia la, nu tea wo ŋu. Wometsana fũu le vuvɔŋɔli o, be ŋusẽ nagavɔ le wo ŋu kaba o; wo ŋutifu tɔxɛ la léa vuvɔ na wo. Menɔa bɔbɔe na wo be woasi le amegãxiwo nu ne sno dza o, gake amegbetɔwo koŋue nyea afɔku na wo, vevietɔ adelawo kple ʋukulawo.\nLe dukɔ siwo me sno dzana le la, wokɔa dze ɖe mɔdodo gã geɖewo dzi be wòana snoa nanyi kaba. Dze vivia ƒeɖekadzoɖekɛ siawo nu. Evɔ esi wònye be woƒe fuwo nyɔ ta la, ʋukulawo mekpɔa wo kaba ne wova le nu ɖum alo le mɔ me tsom le zã me o, eye ʋu ƒoa wo bɔbɔe. Afɔku siawo tea ŋu nana ʋukulawo kple lã siawo ƒe agbe tsia eme.\nWOLƆ̃A FEFE\nWokpɔa ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo wonɔa kpo tim nɔa ƒutsotsoewo kpem, eye wolɔ̃a tsilele le tsita xɔdzowo hã me. Atsuawo faa tu ne wole asi yɔm, eye nɔeawo hã léa be na wo viwo nyuie. Wo vi siwo nyim amewo le le aƒe me gɔ̃ hã lɔ̃a wo nyilawo ale gbegbe. Ðɔkta Valerius Geist gblɔ be: \"Lã wɔmoya klayii siawo nyaa nu, wolɔ̃a wo nɔewo hewɔa nuteƒe.\"\nGake kpɔ nyuie: Ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo nye gbemelã siwo ŋu ŋusẽ le. Ne èva do go ɖe le gbe me la, mègagogoe kura o; vevietɔ ne èkpɔ be viwo le eŋu. Ke hã, ne ètɔ ɖe adzɔge le wo kpɔm la, gbemelã klitsu siawo kpɔkpɔ ado dzidzɔ na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201303\/%C6%92e%C9%96ekadzo%C9%96ek%C9%9B-gbemel%C3%A3-klitsu\/","date":"2020-08-06T21:43:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737039.58\/warc\/CC-MAIN-20200806210649-20200807000649-00541.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977427721,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997742772102356}","num_words":633,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAo. Biblia megblɔ be ga nye nu vɔ̃ɖi o, eye megblɔ hã be gae le megbe na nu vɔ̃ɖi ƒomevi ɖe sia ɖe o. Nya si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be \"ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe ke\" la nye mawunyakpukpui aɖe me nyawo ƒe akpa aɖe si wotro gboe. Nya si Biblia gblɔ boŋue nye be \"nu vɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.\" *—1 Timoteo 6:10, Eʋegbe Biblia, míawoe te gbe ɖe edzi.\nNya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?\nBiblia na eme kɔ be ne ame zã ga nyuie la, ate ŋu aɖe vi nɛ, eye ate ŋu 'akpɔ eta' gɔ̃ hã. (Nyagblɔla 7:12) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia kafu ame siwo nyoa dɔme na ame, eye dɔmenyo sia ate ŋu anye ganana ame hã.—Lododowo 11:25.\nGake Biblia xlɔ̃ nu mí be míagana ga nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Egblɔ be: \"Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.\" (Hebritɔwo 13:5) Nu si nya mawo fiae nye be míagana ga nanɔ vevie na mí akpa alo be míati kesinɔnuwo yome o. Ke boŋ, ne nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ, abe nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe ene su mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.—1 Timoteo 6:8.\nNu ka tae Biblia xlɔ̃ nu mí tso galɔlɔ̃ ŋu?\nŊuklẽlawo makpɔ agbe mavɔ o. (Efesotɔwo 5:5) Susu ɖeka si tae nye be, ŋukeklẽ sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ, alo alakpasubɔsubɔ. (Kolosetɔwo 3:5) Susu bubu hãe nye be zi geɖe la, ŋuklẽlawo wɔa nu tovowo ne wole agbagba dzem be nu siwo yewodi la nasu yewo si. Lododowo 28:20 gblɔ be: \"Ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, fɔɖiɖi magbe eŋu nɔnɔ o.\" Ŋukeklẽ ate ŋu ana amewo nawɔ nu vlowo, abe adzodada, ametafatafa, amefifi, alo amewuwu ene gɔ̃ hã.\nNe galɔlɔ̃ mena ame ƒo eɖokui ɖe nu vlowo wɔwɔ me o gɔ̃ hã la, nu gbegblẽ bubuwo ate ŋu ado tso eme. Biblia gblɔ be \"ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame . . . la me.\"—1 Timoteo 6:9.\nAleke aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la ate ŋu aɖe vi na mí?\nNe mímeɖe mɔ galɔlɔ̃ wɔe be míedana le Mawu ƒe se kple nudidiwo dzi o la, míase le mía ɖokui me be bubu le mía ŋu, eye Mawu hã akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahakpe ɖe mía ŋu. Mawu do ŋugbe na ame siwo dzea agbagba vevie be yewoadze eŋu la be: \"Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.\" (Hebritɔwo 13:5, 6) Mawu gaka ɖe edzi na mí hã be \"woayra nuteƒewɔla geɖe.\"—Lododowo 28:20.\n^ mm. 3 Woɖe kpukpui sia gɔme le Biblia bubu me be: \"Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/ga-nu-v%C9%94%CC%83%C9%96iwo-%C6%92e-ke\/","date":"2020-09-18T14:33:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400187899.11\/warc\/CC-MAIN-20200918124116-20200918154116-00512.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979667664,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979667663574219}","num_words":461,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU KAE WÒFIA BE WOANƆ TE ÐE NU NU?\nAme si nɔa te ɖe nu nu nye ame si tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu bɔbɔe eye wògakpɔa dzidzɔ. Nanewo me toto ye nana nɔnɔme sia va sua ame si. Ale si ko ɖevi si le azɔlizɔzɔ srɔ̃m megbea anyidzedze o la, nenemae agbe madze edzi na ɖevi ne mesrɔ̃ ale si wòanɔ te ɖe kuxiwo nu o.\nNU KA TAE TENƆNƆ ÐE NU NU LE VEVIE?\nDzi ɖena le ɖevi aɖewo ƒo ne wodo kpo nu, wole nɔnɔme sesẽ aɖe me tom, alo wohe nya ɖe wo ŋu. Ðewo ya naa ta kura. Ke hã, ele be wòase nyateƒenya vevi siawo gɔme:\nMíado kpo nu le nanewo me godoo.—Yakobo 3:2.\nAme sia ame toa nɔnɔme sesẽ aɖe me ɣeaɖewoɣi.—Nyagblɔla 9:11.\nÐɔɖɔɖo hiã be míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe.—Lododowo 9:9.\nTenɔnɔ ɖe nu nu akpe ɖe viwòa ŋu be dzi nanɔ eƒo wòakpe akɔ kple agbemekuxiwo.\nALE SI NÀFIA VIWÒA BE WÒANƆ TE ÐE NU NU\nNe viwòa do kpo nu le nane me.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.\"—Lododowo 24:16.\nKpe ɖe viwòa ŋu be wòada nuwo akpɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nu kae wòawɔ ne ege le sukudodokpɔ aɖe me? Ðewohĩ ana ta agblɔ be, \"Nye ya nyemate ŋu awɔ naneke wòanyo o!\"\nBe nàfia ale si wòanɔ te ɖe nu nui la, kpe ɖe eŋu wòakpɔe ɖa be nu kae yeawɔ be dodokpɔa nanyo ɣebubuɣi hã. Ne èwɔe elea la, viwòa ŋutɔ ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ, wu be kuxia naɖu edzi.\nGake wò ŋutɔ mègakpɔ kuxia gbɔ nɛ o. Kpe ɖe eŋu be eya ŋutɔ boŋ nadi mɔ si dzi wòato akpɔ egbɔ. Àte ŋu abiae be: \"Nu kae nèsusu be yeate ŋu awɔ be yeagase nyati ma gɔme nyuie wu ne wole efiam?\"\nNe nya vɔ̃ aɖe dzɔ.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Mienya ale si miaƒe agbe anɔ etsɔ o.\"—Yakobo 4:14.\nAme aɖeke menya nu si adzɔ etsɔ o. Ame si nye gatɔ egbea ate ŋu ava zu hiãtɔ etsɔ; ame si le lãmesẽ me egbea ate ŋu ava zu dɔnɔ etsɔ. Biblia gblɔ be: \"Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, dziɖuɖu le aʋa me mele kalẽwɔwɔ me ɣesiaɣi o . . . elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.\"—Nyagblɔla 9:11.\nEsi nènye dzila ta la, èwɔa tɔwò sinua be yeakpɔ ye via ta tso afɔku me. Gake manya wɔ be nàkpɔ viwòa ta tso kuxi ɖe sia ɖe me o.\nEnye nyateƒe be viwòa metsi ase nu si wòfia be dɔ nagblẽ na ame alo be ame nanɔ gakuxiwo me tom gɔme o. Ke hã, àte ŋu akpe ɖe eŋu be wòanɔ te ɖe kuxi bubuwo abe, ne eya kple exɔlɔ̃ aɖe ƒe ƒomedodo me gblẽ alo ne miaƒe ƒometɔ aɖe ku ene nu. *\nNe wogbe nya na viwòa le nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ta.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Se aɖaŋuɖoɖo . . . ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.\"—Lododowo 19:20.\nNe ame aɖe gbe nya na viwò la, menye ŋlɔmi wɔm wòle le eŋu o; ke boŋ ele kpekpem ɖe eŋu be wòaɖe asi le nu gbegblẽ alo nɔnɔme gbegblẽ aɖe ŋu.\nNe èfia viwòa be wòalɔ̃ woaɖɔe ɖo la, aɖe vi na mi ame evea siaa. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye John gblɔ be: \"Ne ètsoa viwòwo xɔna le vodada ɖe sia ɖe si wowɔna me la, womasrɔ̃ nu gbeɖe o. Nu gbegblẽ wɔwɔ dzi koe woanɔ, eye gbe sia gbe la, ànɔ woƒe kuxiwo nu lém. Esia ana agbea nati dzilawo kple ɖeviawo siaa.\"\nAleke nàte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu be wòalɔ̃ woagbe nya nɛ? Ne wogbe nya na viwòa, le suku alo teƒe bubu aɖe la, ɖu ɖokuiwò dzi be màgagblɔ be mesɔ be woaɖɔe ɖo o. Ðe ema teƒe la, àte ŋu abiae be:\n\"Èsusu be nu ka tae woɖɔ wò ɖo?\"\n\"Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewoa?\"\n\"Ne ègakpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia me ɣebubuɣi la, nu kae nàwɔ?\"\nÐo ŋku edzi be ne wogbea nya na viwòa la, aɖe vi nɛ fifia kple ne eva tsi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/ale-si-w%C3%B2an%C9%94-te-%C9%96e-nu-nu\/","date":"2020-09-18T15:04:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400187899.11\/warc\/CC-MAIN-20200918124116-20200918154116-00674.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955264926,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955264925956726}","num_words":670,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si wòle be nànya\nÐevia dzi zizi agblẽ nyaa ɖe edzi. Viwò dzi zizi be wòawɔ dɔ nyuie le suku ate ŋu ana wòatsi dzodzodzoe le suku kple aƒe me siaa! Le esia ta la, ate ŋu ada alakpa, aɣla dɔ siwo me medze agbagba le o ɖe wò, alo anɔ sukua yiyi dam ɖe eme. Ðeko esia ana kuxia nanyrã ɖe edzi.\nNunana ɖevia ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Andrew gblɔ be: \"Esi míedi be míade dzi ƒo na mía vinyɔnua ta la, míenaa nui ne ewɔ dɔ nyuie le suku, gake ɖeko esia nana eƒe susu va nɔa nunanaa boŋ ŋu. Ne mexɔ dzesi nyui le dodokpɔ aɖe me o la, nunana si masu esi o la tena ɖe edzi wu agbagba si medze le dodokpɔa me o.\"\nFɔbubu nufialawo meɖea vi o. Viwòa ate ŋu aƒo nya ta be mehiã be ye ŋutɔ yeaku kutri hafi akpɔ dzidzedze o. Ate ŋu ava nɔ fɔ bum amewo ɖe eƒe vodadawo ta eye wòanɔ mɔ kpɔm be ame bubuwo nakpɔ yeƒe kuxiwo gbɔ na ye. Kpuie ko la, awɔe be viwòa masrɔ̃ nu vevi aɖe si wòava hiã ne etsi o. Eyae nye be eya ŋutɔe atsɔ eƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba.\nNu si nàte ŋu awɔ\nÐu ɖokuiwò dzi. Ne èdo dziku le esi viwòa mewɔ dɔ nyuie le suku o ta la, mègaɖo dze kplii tso eŋu ɣemaɣi o. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Brett gblɔ be: \"Nu nyui geɖe do tso eme esi nye kple srɔ̃nye míefa tu na mía viwo eye míewɔ nu ɖe wo ŋu veveseɖeamenutɔe.\"\nBiblia ƒe mɔfiame: 'Ðe abla le nusese me, nɔ blewu le nuƒoƒo me, nɔ blewu le dziku me.'—Yakobo 1:19.\nDe dzesi nu si tututu nye kuxia. Nu siwo wɔnɛ be ɖeviwo mewɔa dɔ nyuie le suku o zi geɖe ƒe ɖewoe nye sukuhatiwo ƒe ŋlɔmiwɔwɔ, suku ɖɔliɖɔli, dodokpɔŋɔŋlɔ ŋuti dzimaɖitsitsiwo, ƒomekuxiwo, alɔ̃madɔmadɔ, ɖoɖowɔɖi ƒe ame si manɔmanɔ, alo susu ƒe nu ŋu manɔmanɔ. Mègaƒo nya ta be kuvia wɔmee viwòa le o.\nBiblia ƒe mɔfiame: \"Ame si ɖea nugɔmesese deto fiana le nyawo me la, nu adze edzi nɛ.\"—Lododowo 16:20.\nNa nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be ɖevia nasrɔ̃ nu. Wɔ ɖoɖowɔɖi na ɖevia hena eƒe nusɔsrɔ̃ kple sukudɔdeasiwo wɔwɔ. Ðo teƒe aɖe koŋ ɖi be viwòa nanɔ eƒe sukudɔdeasiwo wɔm le, afi si nuwo abe television kple asitelefon ene mahe eƒe susu le o. Na ɣeyiɣi siwo viwòa atsɔ awɔ eƒe sukudɔdeasiwo la nanɔ kpuikpuikpui ale be eƒe susu nate ŋu anɔ nusɔsrɔ̃a ŋu. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Hector, si tso Germany la gblɔ be, \"Hafi dodokpɔ aɖe naɖo edzi la, míedzroa nu vi aɖe me kple mía via gbe sia gbe, tsɔ wu be míalala va se ɖe esime dodokpɔa ŋlɔɣi naɖo.\"\nBiblia ƒe mɔfiame: \"Ɣeyiɣi li na nu sia nu.\"—Nyagblɔla 3:1.\nDe nusɔsrɔ̃ ƒe dzi ƒo nɛ. Zi ale si viwòa se ale si sukudede aɖe vi nɛ fifia gɔmee la, zi nenemae wòaʋãe geɖe wu be wòasrɔ̃ nu. Le kpɔɖeŋu me, sukunusɔsrɔ̃ si nye akɔntabubu ate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòanya ale si wòazã eƒe kotokumegae.\nKpekpeɖeŋu: Kpe ɖe viwòa ŋu wòawɔ eƒe sukudɔdeasia, gake mègaxɔ dɔa awɔ nɛ o. Andrew gblɔ be, \"Mía vinyɔnua ɖoa ŋu ɖe míaƒe susu ŋu le eƒe sukudɔdeasiwo wɔwɔ me, eye medina be yeawɔ ye ŋutɔ yeƒe susu ŋu dɔ o.\" Fia viwòa ale si wòawɔ sukudɔdeasiwo le eɖokui si.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/kpe-%C9%96e-viw%C3%B2-%C5%8Bu-w%C9%94-d%C9%94-nyuie-suku\/","date":"2020-09-18T15:00:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400187899.11\/warc\/CC-MAIN-20200918124116-20200918154116-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975502491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975502490997314}","num_words":567,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"37 Fia Zedekiya,+ Yosiya vi, zu fia ɖe Koniya,*+ Yehoyakim vi teƒe; eyae Babilon-fia Nebukadnezar* tsɔ ɖo fiae ɖe Yuda-nyigba dzi.+ 2 Ke eya kple eŋumewo kpakple dukɔ la me tɔwo meɖo to Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi o. 3 Eye Fia Zedekiya dɔ Yehukal,+ Selemiya vi kple Zefaniya,+ nunɔla Maaseya vi, ɖe nyagblɔɖila Yeremiya gbɔ be: \"Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa mía Mawu la ɖe mía ta.\" 4 Yeremiya dona yia dukɔ la dome gagbɔna, elabena womedee gaxɔ me haɖe o.+ 5 Ke Farao ƒe aʋakɔ ho tso Egipte,+ eye Kaldeatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem la se wo ŋkɔ. Ale woho dzo le Yerusalem ŋu.+ 6 Eye Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremiya be: 7 \"Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, 'Ale miagblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi ɖe gbɔnye be miabia gbem lae nye esi: \"Kpɔ ɖa! Farao ƒe aʋakɔ si gbɔna mia gbɔ be yewoana kpekpeɖeŋu mi la agbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi le Egipte.+ 8 Kaldeatɔwo agbugbɔ ava eye woawɔ aʋa kple du sia axɔe, eye woatɔ dzoe.\"+ 9 Ale Yehowa gblɔe nye esi, \"Migable mia ɖokui* anɔ gbɔgblɔm be, 'Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu godoo' o, elabena womele dzodzo ge o. 10 Ne miesi Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ si le aʋa wɔm kpli mi la katã, eye abixɔlawo koe susɔ le wo dome hã la, woatso le woƒe agbadɔwo me ava tɔ dzo du sia.\"'\"+ 11 Esi Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la ho dzo le Yerusalem ŋu le Farao ƒe aʋakɔa ta la,+ 12 Yeremiya tso Yerusalem yina Benyamin-nyigba dzi+ be yeaxɔ yeƒe gome le afi ma le yeƒe amewo dome. 13 Esi wòɖo Benyamin-gbo la nu la, dzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye Yiriya, Selemiya vi, Hananiya vi la, lé nyagblɔɖila Yeremiya hegblɔ be: \"Kaldeatɔwo ƒe akpa dzie nèbe yeayi!\" 14 Ke Yeremiya gblɔ be: \"Aʋatsoe! Nyemebe mayi Kaldeatɔwo ƒe akpa dzi o.\" Ke meɖo toe o. Ale Yiriya lé Yeremiya hekplɔe yi na amegãwo. 15 Eye amegãwo do dziku ɖe Yeremiya ŋu vevie,+ eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me+ ɖe agbalẽŋlɔla Yehonatan ƒe xɔ si wotsɔ wɔ gaxɔe la me. 16 Wotsɔ Yeremiya de gaxɔ si nye tomexɔ la me, eye Yeremiya tsi afi ma ŋkeke geɖe. 17 Eye Fia Zedekiya dɔ ame woɖakplɔe vɛ, eye fia la bia gbee le adzame le eƒe me.*+ Ebiae be, \"Ðe Yehowa ƒe gbedeasi aɖe lia?\" Yeremiya ɖo eŋu be: \"Ɛ̃, ɖe li!\" eye wògblɔ be, \"Woatsɔ wò ade asi na Babilon-fia!\"+ 18 Azɔ hã, Yeremiya bia Fia Zedekiya be: \"Nu vɔ̃ kae mewɔ ɖe wò kple wò subɔviwo kpakple dukɔ sia ŋu hafi miedem gaxɔ me? 19 Ke afi kae miaƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na mi be, 'Babilon-fia maho ɖe mia kple anyigba sia ŋu o' la le?+ 20 Azɔ nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, see. Meɖe kuku, ve nunye. Mègagbugbɔm yi agbalẽŋlɔla Yehonatan ƒe xɔ me,+ ne maku ɖe afi ma o.\"+ 21 Ale Fia Zedekiya de se eye wode ga Yeremiya ɖe Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu la;+ wonaa abolo ɖekae gbe sia gbe tso abolomelawo ƒe ablɔ me,+ va se ɖe esime abolowo katã vɔ le dua me.+ Eye Yeremiya tsi Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu la.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Wogayɔe be Yehoyakin alo Yekoniya.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Nebukadrezar,\" esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.\n^ Alo, \"miaƒe luʋɔwo.\"\n^ Alo, \"fiasã me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yeremiya\/37\/","date":"2020-10-20T03:50:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107869785.9\/warc\/CC-MAIN-20201020021700-20201020051700-00203.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997338653,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997338652610779}","num_words":532,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nAnyidɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la kee nye anyidɔ si míenya egbea?\nNu si atikenyalawo yɔna egbea be \"anyidɔ\" alo kpodɔ, nye dɔ aɖe si léa amegbetɔwo; dɔlékui aɖe gbɔe dɔléle sia tsona. Ðɔkta G.A. Hansen ye nye ame gbãtɔ si ke ɖe dɔlékui (Mycobacterium leprae) sia ŋu le ƒe 1873 me. Numekulawo de dzesii be dɔlékui sia ate ŋu anɔ agbe le mitsi si dona tso ŋɔti me la me ŋkeke asieke sɔŋ. Numekulawo de dzesii hã be ame siwo tena ɖe anyidɔlélawo ŋu kplikplikpli ate ŋu axɔ dɔ sia bɔbɔe, eye woate ŋu axɔe hã to nudodo siwo me dɔ sia le la dzi. Le Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, ame siwo wu 220,000 ye xɔ anyidɔ le ƒe 2007 me.\nÐikeke mele eme o be Titina Ɣedzeƒetɔwo lé anyidɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, eye Mose ƒe Sea bia be woaɖe ame si ŋu anyidɔ le la ɖe aga. (3 Mose 13:4, 5) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be \"anyi\" lae nye Tsa·raʹʽath, eye menye amegbetɔwo ko ŋue anyidɔ sia ƒona ɖo o. Tsa·raʹʽath sia ƒona ɖe awuwo kple xɔwo hã ŋu. Anyidɔ sia ƒomevi ƒona ɖe kuntru alo awu siwo wotsɔ aklala tɔ alo nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ la hã ŋu. Le go aɖewo me la, wotea ŋu nyaa awuawo, eye anyi la dzona le eme. Ke hã, ne wonya awua alo lãgbalẽa, evɔ amadede si nye 'aŋutiɖiɖi kple gbemu tsaka, alo biabiã,' gakpɔtɔ le eme la, ke ele be woatɔ dzoe. (3 Mose 13:47-52) Le xɔwo gome la, dɔvɔ̃ sia dzena 'aŋutiɖiɖi kple gbemu tsaka alo biãna vie.' Wobia tso Israel viwo si be woaho kpe siwo ŋu dɔa le la ahalɔ wo aƒu gbe ɖe afi si menye amenɔƒe o. Nenye be anyidɔa gagbɔ la, wogbãa xɔ bliboa ƒua anyi helɔa nu siwo wotsɔ tui la ƒua gbe. (3 Mose 14:33-45) Ame aɖewo gblɔ be ɖewohĩ anyidɔ si ƒona ɖe avɔwo me alo xɔwo ŋu lae nye nu si woyɔna egbea be fufudzedze alo dzaƒoƒo. Gake womate ŋu agblɔ esia kple kakaɖedzi o.\nNu ka tae apostolo Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe le Efeso na klosalonutula siwo nɔ dua me la dze agbo?\nKlosalonutula siwo nɔ Efeso la kpɔ viɖe geɖe tso \"klosalo tsɔtsɔ wɔ Artemis ƒe trɔ̃xɔwo\" me. Efesotɔwo bua Artemis sia be enye adedada, fufɔfɔ, kpakple vidzidzi ƒe mawunɔ si kpɔa yewo ta. (Dɔwɔwɔwo 19:24) Woxɔe se be mawunɔ sia ƒe nɔnɔmewɔwɔ \"ge tso dziƒo\" eye wotsɔe da ɖe Artemis ƒe gbedoxɔ si nɔ Efeso la me. (Dɔwɔwɔwo 19:35) Wobu gbedoxɔ sia be enye blemaxexea ƒe nukunu adreawo dometɔ ɖeka. Xɔsetamɔzɔla gbogbo aɖewo zɔa mɔ heva ƒoa zi ɖe Efeso le March kple April me ƒe sia ƒe be yewoakpɔ gome le azã si wotsɔ dea bubu Artemis ŋu la me. Amedzro gbogbo siwo ƒoa zi ɖe dua me nana wòva hiãna geɖe wu be woawɔ subɔsubɔnu siwo wozãna abe ŋkuɖodzinuwo, atiblɛwo, alo nu siwo wotsɔ saa vɔ na mawunɔa, alo nu siwo xɔsetamɔzɔla siawo azã le woƒe ƒomeawo ƒe tadedeagu me ne wotrɔ yi wo de la ene na wo. Blemanuŋlɔɖikpe siwo ŋu woke ɖo le Efeso ƒo nu tso Artemis ƒe nɔnɔmewɔwɔ siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ la ŋu, eye nuŋlɔɖikpe bubuwo ƒo nu tso klosalonutulawo ƒe habɔbɔwo ŋu tẽe.\nPaulo fia nu amewo be \"menye mawuwoe esiwo wotsɔ asi wɔ la nye o.\" (Dɔwɔwɔwo 19:26) Esia tae klosalonutula siawo siwo va kpɔe dze sii be yewoƒe dɔwɔɖuia ɖo afɔku me la de zitɔtɔ amewo dome tsɔ tsi tsitre ɖe Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɖo. Klosalonutulawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Demetrio ƒo nu tso vɔvɔ̃ si lé wo la ŋu kpuie be: \"Afɔku li be menye míaƒe dɔwɔɖui sia ɖeɖe koe wogbɔna gbɔ ɖi gee o, ke boŋ womegagbɔna mawunɔ gã Artemis ƒe gbedoxɔa hã bu ge ɖe naneke me o, eye eƒe atsyɔ̃ si Asia nuto blibo la katã kple anyigba dzi tɔwo katã subɔna la hã ava zu nu gbɔlo.\"—Dɔwɔwɔwo 19:27.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090201\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-11-28T03:42:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141194982.45\/warc\/CC-MAIN-20201128011115-20201128041115-00159.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983779788,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983779788017273}","num_words":655,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nMawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be nàva nya ye be Ame ŋutɔŋutɔe yenye, nàte ɖe ye ŋu, alɔ̃ ye eye nàsubɔ ye kple wò dzi blibo. (Mateo 22:37, 38; Yakobo 4:8) Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ne èsrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo ŋu. (Yohanes 7:16, 17) Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu na amewo o, eya ŋutɔ hã nɔ agbe ɖe enu. Eya tae Yesu gblɔ gɔ̃ hã be tameɖoɖo si le yeƒe agbe ŋu 'menye be yeawɔ ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o, ke boŋ yeawɔ ame si dɔ ye ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.'—Yohanes 6:38.\nÐe wòhiã be makpɔ dzesi tɔxɛ, ŋutega alo axɔ yɔyɔ tɔxɛ aɖe hafi anya tame si Mawu ɖo ɖe ŋunyea?\nAo, elabe gbedeasi si le Mawu si na ameƒomea la le Biblia me. Nu sia nu si nèhiã be 'nàdze bliboe, eye nànɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ' la le eme. (2 Timoteo 3:16, 17) Mawu di be nàzã Biblia kple wò \"tamebubu ŋutete\" atsɔ anya tame si yeɖo ɖe ŋuwò.—Romatɔwo 12:1, 2; Efesotɔwo 5:17.\nÐe mate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔa?\nƐ̃, àte ŋui, elabe Biblia gblɔ be Mawu ƒe \"seawo mesesẽ o.\" (1 Yohanes 5:3, Eʋegbe Biblia) Esia mefia be Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake vi siwo Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖena na ame la ƒo agbagba siwo ame dzena hafi wɔa wo dzi la ta sãsãsã. Yesu ŋutɔ gblɔ be: \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!\"—Luka 11:28.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/","date":"2020-11-24T18:14:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141176922.14\/warc\/CC-MAIN-20201124170142-20201124200142-00499.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962233901,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962233901023865}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Nɔviwo, ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa aɖe hafi va nya gɔ̃ hã la, mi ame siwo dze le gbɔgbɔ me la, midze agbagba miaɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.+ Ke nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie+ be woagate wò ŋutɔ hã kpɔ o.+ 2 Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe agba kpekpewo tsɔtsɔ me,+ ale miawɔ Kristo la ƒe se la dzi bliboe.+ 3 Elabena ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la,+ eɖokui ko blem wòle. 4 Ke ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ,+ ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.+ 5 Elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.*+ 6 Ame sia ame si wofia nya lae la, nekpɔ gome kple ame si fiae la le nu nyuiwo katã me.+ 7 Migana woable mi o: Mawu menye ame si woate ŋu aflu o. Elabena nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe;+ 8 elabena ame si le nu ƒãm na eƒe ŋutilã la, aŋe gbegblẽ tso eƒe ŋutilã me, ke ame si le nu ƒãm na gbɔgbɔ la, aŋe agbe mavɔ tso gbɔgbɔ la me.+ 9 Eya ta migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la,* míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.+ 10 Eya ta zi ale si mɔnukpɔkpɔa* kpɔtɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã, ke vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me. 11 Mikpɔ ale si nye ŋutɔ metsɔ nye asi ŋlɔ nya siawo wòloloe na mi la ɖa! 12 Ame siwo katã dina be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la, woawoe le agbagba dzem be yewoazi mia dzi miatso aʋa, ke wowɔa esia ne woagati wo yome le Kristo ƒe fuwɔameti la ta o. 13 Elabena ame siwo wole aʋa tsom na la ŋutɔ gɔ̃ hã mele Se la dzi wɔm o,+ ke wole didim be miatso aʋa be yewoate ŋu aƒo adegbe le miaƒe ŋutilãwo ŋuti. 14 Ke nye ya nyemedi be maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe fuwɔameti*+ la ŋuti ko, ame si dzi woto he xexea ɖe ati ŋu nam, eye wohe nye hã ɖe ati ŋu na xexea. 15 Elabena aʋatsotso menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o,+ ke boŋ nuwɔwɔ yeye lae le vevie.+ 16 Ke ame siwo katã azɔ le agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo sia nu la, ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ wo dzi, ɛ̃, nanɔ Mawu ƒe Israel la dzi.+ 17 Tso esia dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam azɔ o, elabena dzesidewo le nye ŋutilã ŋu abe Yesu ƒe kluvi ene.+ 18 Nɔviwo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la. Amen.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"agbanɔamedzi.\"\n^ Alo, \"ne míena ta o la.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"ɣeyiɣi ɖoɖia.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/Galatiat%C9%94wo\/6\/","date":"2021-01-27T13:37:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610704824728.92\/warc\/CC-MAIN-20210127121330-20210127151330-00216.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978587627,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978587627410889}","num_words":470,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutsu aɖe si tso Eritrea la va zu sitsoƒedila le Norway le ƒe 2011 me. Esi Yehowa Ðasefowo do goe la, egblɔ na wo be yedo go Ðasefowo kpɔ le yewo de. Egblɔ be esi yenɔ asrafodɔ wɔm le Eritrea la, yekpɔnɛ be Ðasefo siwo wolé de ga le woƒe xɔse ta la gbena be yewomawɔ asrafodɔ o, ne wosẽ ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã.\nEteƒe medidi o, nane va dzɔ si na wolé ŋutsua ŋutɔ hã de gaxɔ me. Eya kple Ðasefo etɔ̃ siwo ŋkɔe nye Paulos Eyasu, Negede Teklemariam, kple Isaac Mogos, siwo wolé de ga tso keke ƒe 1994 me le woƒe xɔse ta, lae nɔ gaxɔa me.\nLe gaxɔa me la, ŋutsua ŋutɔ va kpɔe dze sii be Yehowa Ðasefowo nɔa agbe ɖe nu siwo wofiana nu. Ede dzesii be woɖia anukware eye womaa woƒe nuɖuɖuwo kura gɔ̃ hã kple gamenɔla bubuwo. Ede dzesii hã be Ðasefoawo srɔ̃a Biblia ɖekae gbe sia gbe eye wokpea ame bubuwo be woakpɔ gome le eme kple yewo. Ne wodoe ɖe wo gbɔ be woade asi agbalẽ te be yewomeganye Yehowa subɔlawo o ko ne woaɖe asi le wo ŋu la, wogbena.\nNu siwo teƒe ŋutsu sia si si dzi nyui le kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be esi wòʋu yi Norway la, edi be yeanya nu si tae xɔse sẽŋu ma gbegbe le Yehowa Ðasefowo si. Eya ta esi Ðasefowo do goe la, elɔ̃ wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake eye wòte woƒe kpekpewo hã dede.\nLe September 2018 me la, exɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Fifia ewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ dia ame siwo tso Eritrea kple Sudan eye wòdea dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia ale be xɔse sẽŋu nasu wo si.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nute%C6%92e\/esr%C9%94%CC%83-nu-tso-gamen%C9%94lawo-gb%C9%94-eritrea\/","date":"2021-03-02T18:46:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178364027.59\/warc\/CC-MAIN-20210302160319-20210302190319-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991520643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991520643234253}","num_words":289,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 146\nStanza 1\nGbɔgbɔ tso Tɔ kple Via gbɔ,\nWɔ nye dzi wò dziɖuƒe!\n'Le si srɔ̃lawo xɔ wòe,\nNenema nànye tɔnyee!\nStanza 2\nKekeli ƒe Gbɔgbɔ la,\nDzi nye xɔse ɖe dzi ɖaa,\nNe mabla kple Kristo nyuie\nAtse lɔlɔ̃ ƒe kuwo!\nStanza 3\nMawusubɔ Gbɔgbɔ la,\nDe vevidodo menye,\nNe mado gbe vavã ɖa,\nSi Mawu nase nam hã!\nStanza 4\nDzadzɛnyenye ƒe Gbɔgbɔ!\nNe tetekpɔwo ƒo xlãm,\nEkem nàdo ŋusẽm ɖaa,\nNe maʋli dziɖuɖu la!\nStanza 5\nKɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ,\nKlẽ ɖe menye vevie bla,\nNe makpɔ Yesu nyuie wu,\nAkpɔ Mawu ƒe fafa\nStanza 6\nMɔkpɔkpɔ ƒe Gbɔgbɔ la,\nWɔm dziƒo domenyila,\nNa madzɔ dzi le mewò\nLe mɔkpɔkpɔ gbagbe me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-146\/","date":"2021-04-21T04:32:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039508673.81\/warc\/CC-MAIN-20210421035139-20210421065139-00336.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979364872,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997936487197876}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea?\nMIGUEL, amesi nye Yehowa Ðasefo fifia le South Amerika gblɔ be: \"Medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ade ƒe ɖeka kloe, eye Mawu Fiaɖuƒea ŋutinya gbɔgblɔ na ame bubuwo dzɔa dzi nam. Emegbe meva te subɔsubɔhawo ƒe wɔnawo sese le radio dzi eye menɔa mawunyagblɔlawo kpɔm le television dzi. Mebui be wɔna siawo akpe ɖe ŋunye be mase subɔsubɔha bubu me tɔwo ƒe nuwɔnawo gɔme nyuie wu. Mede dzesii be woƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Biblia o, gake ɖeko medi be manya.\"\nLe dukɔ ma ke me la, Jorge fiaa nu ame bubuwo tso tadedeagu vavãtɔ ŋu dzonɔamemetɔe. Gake ɣeaɖeɣi la, eya hã va te subɔsubɔwɔnawo sese le radio kple television dzi wɔnawo me. Egblɔna edziedzi be: \"Ele be nànya nusi susum ame bubuwo le.\" Ne wobia nyae tso nusi alakpanufiafia siawo sese ate ŋu agblẽ ŋu la, eɖoa eŋu be: \"Naneke mate ŋu agblẽ amesi nya Biblia ƒe nyateƒea ƒe xɔse me o.\" Nuteƒekpɔkpɔ siawo fɔ nyabiabia vevi aɖe ɖe te be, Ðe wònyo be woalé to ɖe nusi ame bubuwo xɔ se ŋua?\nKristotɔnyenye Vavãtɔ Nyanya\nLe apostoloawo ƒe ku megbe la, yeaɖi Kristotɔnyenye geɖe siwo va nɔ mo dom ɖa atraɖii la va ƒo ɖi tadedeagu vavãtɔ. Esi Yesu kpɔ esia do ŋgɔ ta la, egblɔ mɔ ɖeka si dzi míato ade vovototo alakpa Kristotɔnyenye siawo ƒomevi kple Kristotɔnyenye vavãtɔ dome. Gbã la, exlɔ̃ nu be: \"Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.\" Emegbe egblɔ kpee be: \"Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.\" (Mateo 7:15-23) Yesu yomedzela vavãwo tsɔa nusi wòfia wo wɔa dɔe, eye amewo ate ŋu atsɔ woƒe tsetse nyuiwo adze si woe bɔbɔe. Abe alesi Yesu ŋutɔ wɔe ene la, woyia amewo gbɔ va ɖea Mawu ƒe Fiaɖuƒea me na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, woɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame ƒe dunyahehe kple hadome masɔmasɔwo gbɔ. Woxɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya eye wodea bubu eŋu be enye nyateƒe. Woɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔ. Eye esi wodzea agbagba be yewoatsɔ lɔlɔ̃ si Mawu fiana awɔ dɔe ta la, womekpɔa gome le aʋawɔwɔwo me o. Ðe eteƒe la, wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe nɔviwo ene.—Luka 4:43; 10:1-9; Yohanes 13:34, 35; 17:16, 17, 26.\nŊɔŋlɔawo gblɔ be woate ŋu \"[akpɔ] vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.\" (Maleaxi 3:18) Nyateƒe tadeagula siwo li egbea wɔ ɖeka le tamesusu kple nuwɔna me, abe alesi tututu wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome ene. (Efesotɔwo 4:4-6) Ne ènya kpɔ Kristotɔ vavã siawo ƒe ƒuƒoƒo dze sii ko la, nukatae wòle be nànɔ ŋku kem ɖe ame bubuwo ƒe dzixɔsewo me alo adi be yeanya nu tso wo ŋu?\nKpɔ Nyuie le Alakpanufialawo Ŋuti\nBiblia gblɔ be le Biblia ƒe nyateƒea sɔsrɔ̃ megbe gɔ̃ hã la, alakpanufiafia ate ŋu aƒo ɖi ame le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: \"Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.\" (Kolosetɔwo 2:8) Aleke gbegbe mawunyakpukpui sia ɖe nɔnɔmea fia wòdze ƒã ale! Esi alakpanufialawo le abe lã wɔadã siwo le didim be yewoalé wò avuvu ene ta la, woate ŋu anye afɔku gã aɖe na mí.\nNyateƒee, apostolo Paulo de dzesi nusi ame bubuwo xɔ se. Edze nuƒo aɖe gɔme ɣeaɖeɣi be: \"Mi Atene ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ. Elabena esi metsa le dua me, eye mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpui aɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: 'Mawu, si womenya o la tɔe.'\" (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23) Gake Paulo meva nɔ Hela xexemenunyafiala bibiwo ƒe nyawo xɔm de susu me edziedzi o.\nBe ame nasrɔ̃ nu tso afisi alakpasubɔsubɔhawo kple woƒe dzixɔsewo dzɔ tso ŋuti nye nu ɖeka gake nusiawo xɔxɔ de susu me nye nu bubu kura. * Yehowa ɖo \"dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" be wòana nufiame si wotu ɖe eƒe Nyaa dzi. (Mateo 4:4; 24:45) Paulo ŋutɔ ŋlɔ bena: \"Miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe míana Aƒetɔ la naʋã ŋua?\"—Korintotɔwo I, 10:20-22.\nÐewohĩ alakpanufiala aɖewo anya nye Kristotɔ vavãwo tsã, gake wova ɖe asi le nyateƒea ŋu hetrɔ ɖe alakpa ŋu. (Yuda 4, 11) Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Esi Yesu ƒo nu tso \"dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" si tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha ŋu vɔ la, eƒo nu tso \"dɔla vɔ̃ɖi\" aɖe, si nye hatsotso aɖe si to nyatoƒoe be, \"nye aƒetɔ la tsi anyi,\" eye wòde asi ehati subɔlawo ƒoƒo me ŋu. (Mateo 24:48, 49) Zi geɖe la, nufiafia gobii aɖeke menɔa amesiawo kple wo yomedzelawo si o; ame bubuwo ƒe xɔse dome gbegblẽ koe nɔa vevie na wo. Apostolo Yohanes ŋlɔ tso wo ŋu bena: \"Ne ame aɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o.\"—Yohanes II, 10; Korintotɔwo II, 11:3, 4, 13-15.\nDzianukwaretɔ siwo le nyateƒea dim dzea agbagba be yewoade ŋugble le nusi yewosena tsoa subɔsubɔha vovovowo gbɔ la ŋu nyuie. Eteƒe madidi o, Mawu ayra dzianukwaretɔ siwo dia nyateƒe la. Biblia gblɔ le Mawu ƒe nunya ŋu be: \"Ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema . . . wò asi atu sidzedze Mawu.\" (Lododowo 2:4, 5) Ne nyateƒe Kristotɔwo ƒe asi tu Mawu ŋuti sidzedze sia to Biblia kple Kristotɔwo ƒe hamea dzi eye wokpɔ alesi Yehowa yraa amesiwo sidzedze ma le mɔ fiamee la, womegayia edzi ɖoa to alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo o.—Timoteo II, 3:14.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 10 Xexeame ƒe subɔsubɔha geɖe ŋu nyatakaka vevi siwo ku ɖe afisi wodzɔ tso kple woƒe nufiafiawo ŋu le agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20001015\/%C3%90e-W%C3%B2le-Be-N%C3%A0ku-Sub%C9%94sub%C9%94ha-Bubuwo-Mea\/","date":"2021-05-15T17:58:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243990551.51\/warc\/CC-MAIN-20210515161657-20210515191657-00151.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984531999,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984531998634338}","num_words":986,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"De ŋugble tso kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ ɖa be aleke nàɖo nya sia ŋui mahã.\nAme siawo dometɔ kae nàbu dzidzedzekpɔlae?\nALEX\nDɔwɔƒe le Alex si. Eɖia anukware, edoa vevie dɔ wɔna eye wòdea bubu ame ŋu. Dɔa tsɔ afɔ na Alex nyuie, eye esia wɔe be eya kple eƒe ƒomea ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le agbe me.\nCAL\nDɔwɔƒe ma tɔgbi kee le Cal hã si, eye ga si wòkpɔna sɔ gbɔ boo wu esi Alex kpɔna. Esi wònɔ ʋiʋlim sesĩe be yeƒe dɔwɔƒea nato dɔwɔƒe bubuwo ŋu ta la, dɔ dzi ko wònɔna atraɖii eye lãmesẽkuxi geɖewo va ɖe kpe nɛ.\nJANET\nJanet dea kɔledzi, nusɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nɛ eye wòsrɔ̃a nu veviedodotɔe. Esia wɔe be wòxɔa dzesi nyuiwo le suku.\nELLEN\nEllen ya gawɔa dɔ nyuie wu Janet eye amewo kafunɛ be eƒe tagbɔ ɖa ŋutɔ, evɔ wònye ɖe wòfia dɔ kpɔna le dodokpɔwɔɣiwo eye metsɔ ɖeke le sukudede me boo o.\nNe ègblɔ be Cal kple Ellen, alo wo ame eneawo katã kpɔ dzidzedze la, ke afia be taɖodzinu si gbɔ woɖo ko yɔm nèle be dzidzedzekpɔkpɔ, eɖanye mɔ ka ke dzie woto ɖo egbɔ o.\nGake ne ègblɔ be Alex kple Janet ye kpɔ dzidzedze la, anɔ eme be amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple kutrikuku dzie nènɔa te ɖo gblɔna be wokpɔ dzidzedze. Susu le eme be nàbui nenema. Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ:\nEkae ava de Janet dzi wu le ets��me, be wòaxɔ dzesi kɔkɔtɔ le suku loo alo be wòanye ame si lɔ̃a nusɔsrɔ̃a?\nEkae ade Alex ƒe viwo dzi wu, be nu sia nu si ga ate ŋu aƒle nanɔ wo si loo alo fofo si kpɔa vovo ɖe wo ŋu nanɔ wo sia?\nNya vevitɔ: Yeaɖidzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖe gotagomedzedzeme dzi ko, gake dzidzedzekpɔkpɔ vavã ya nɔa te ɖe nɔnɔme nyuiwo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201410\/nu-kae-n%C3%A8bua-dzidzedzekp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2021-05-17T12:09:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991772.66\/warc\/CC-MAIN-20210517115207-20210517145207-00071.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989691973,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989691972732544}","num_words":302,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nATIGLINYI LE XƆ LA ME.\nLinda kpɔ atiglinyi gã aɖe le eƒe xɔme.Gake atigliglinyi aɖe lee nyateƒea?Esi ame aɖeke me xɔese oa?\nFATI KPLE DETSI ZE LA.\nFati nye du sesῖe ƒula,eye woga ɖee fia le woƒe kamedefefe ŋkeke la dzi.Esi wotrɔ yi aƒeme la,ekpe ɖe dada ŋu woƒo fetri detsi.Detsi la ʋẽ nyuie eye wodzro Fati.Ŋutinya sia enye ŋutinye vavã aɖe si ɖe fia nyɔnuvi si tsitsim ƒe nɔnɔme tso Ghana ƒe dziehe.\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nNe nuwo le totrom madzudzɔmadzudzɔe.\nDzi Fatima dzɔm tso nusiwo trɔna tɔa eme madzudzɔmadzudzɔe abe xexeame la ŋuti.Dzro agbalɛ sia me kple Fatima kpakple eƒe xɔlɔ̃wo.\nAnyieʋɔ ƒe amadede adrea wo.\nLé ŋku ɖe nɔwòƒe. Ɖee nekpɔ anyieʋɔ ƒe amadede adrea wo mahã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/freelearningsandbox.com\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2021-05-06T18:14:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988759.29\/warc\/CC-MAIN-20210506175146-20210506205146-00195.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952985048,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952985048294067}","num_words":191,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O\nŊɔŋlɔawo gblɔ be: \"Míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.\" (Hebritɔwo 10:25) Eme kɔ ƒã be ele be tadeagula vavãwo nakpe ta ɖekae le tadeaguƒe aɖe 'alé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu ahade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo me.'—Hebritɔwo 10:24.\nESI apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo le etame le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔ me la, gbedoxɔ gã aɖe si nɔ Yerusalem la nye tadeaguƒe na Yudatɔwo. Ƒuƒoƒewo hã nɔ anyi. Yesu fia nu \"le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo.\"—Yohanes 18:20.\nTakpeƒe ka ƒomevie nɔ susu me na Paulo esime wòɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woakpe ta ade dzi ƒo na wo nɔewo? Ðe Kristodukɔa ƒe gbedoxɔwo sɔ kple gbedoxɔ si nɔ Yerusalem le mɔ aɖe nua? Ɣekaɣie amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la te gbedoxɔ gã nyadriwo zazã?\n'Xɔ na Mawu ƒe Ŋkɔ'\nAfisi woade ta agu na Mawu le ŋuti mɔfiame gbãtɔwo dze le Biblia-gbalẽ si nye Mose II me. Yehowa Mawu gblɔ na eƒe dukɔ tiatia—Israel-viawo—be woatu \"avɔgbadɔ,\" alo \"takpegbadɔ.\" Woada nubablaɖakaa kple nuzazã kɔkɔe hamehamewo ɖe afima. 'Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ avɔgbadɔa taŋ' esime wowu enu le ƒe 1512 D.M.Ŋ. me. Avɔgbadɔ kpokploe ma zu mɔnu si Mawu ɖo be woato edzi ate ɖe ye ŋu ƒe akpa vevi aɖe hena ƒe alafa ene kple edzivɔwo. (Mose II, ta 25-27; 40:33-38) Biblia yɔ avɔgbadɔ sia hã be \"Yehowa ƒe gbedoxɔ\" kple 'Yehowa ƒe aƒe.'—Samuel I, 1:9, 24.\nEmegbe, esi Dawid nye fia le Yerusalem la, edi vevie be yeatu aƒe si anɔ anyi ɖaa atsɔ akɔ Yehowa ŋui. Gake esi Dawid nye aʋawɔla ta la, Yehowa gblɔ nɛ bena: \"Matu xɔ na nye ŋkɔ o.\" Ðe eteƒe la, Etia Dawid ƒe vi Salomo be wòatu gbedoxɔa. (Kronika I, 22:6-10) Salomo kɔ gbedoxɔa ŋu le ƒe 1026 D.M.Ŋ. me, le xɔtutudɔ si xɔ ƒe adre kple afã megbe. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe xɔ sia ŋu, hegblɔ be: \"Mekɔ xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.\" (Fiawo I, 9:3) Ne Israel-viawo yi edzi wɔ nuteƒe la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe aƒe ma ŋu. Gake ne wotrɔ ɖa tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu la, Yehowa aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖa le teƒe ma, eye 'xɔa azu glikpo.'—Fiawo I, 9:4-9; Kronika II, 7:16, 19, 20.\nLe ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel-viawo trɔ ɖa tso tadeagu vavãa ŋu vavã. (Fiawo II, 21:1-5) 'Eyata Yehowa kplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi tɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wotɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã. Ekplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wozu eya kple viawo ƒe dɔlawo.' Le Biblia ƒe nya nu la, esia dzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me.—Kronika II, 36:15-21; Yeremya 52:12-14.\nAbe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖii ene la, Mawu kplɔ Persia-fia Kores wòva ɖe Yudatɔwo tso Babilon ƒe ŋusẽ te. (Yesaya 45:1) Le aboyomenɔnɔ ƒe 70 megbe la, wotrɔ yi Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me kple susu be woagbugbɔ gbedoxɔa atu. (Ezra 1:1-6; 2:1, 2; Yeremya 29:10) Le megbelele geɖe hehe le xɔa tutu ŋu megbe la, wova wu gbedoxɔa tutu nu mlɔeba le ƒe 515 D.M.Ŋ. me, eye wogagbugbɔ Mawu subɔsubɔ dzadzɛa ɖo anyi. Togbɔ be menya kpɔ de Salomo ƒe gbedoxɔa nu o hã la, xɔa nɔ anyi xɔ ƒe 600 kloe. Gake womegava nɔ gbedoxɔ sia hã dzram ɖo o elabena Israel-viawo ɖe asi le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Esime Yesu Kristo va anyigba dzi la, Fia Herodes nɔ gbedoxɔa dzram ɖo vivivi. Nukae gbɔna dzɔdzɔge ɖe gbedoxɔ sia dzi?\n'Womagblẽ Kpe Aɖeke Ðe Kpe Dzi O'\nYesu gblɔ le gbedoxɔ si le Yerusalem ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe aɖeke dzi le afii, si womatu asii aƒu anyi o.\" (Mateo 24:1, 2) Le nya mawo ƒe me vava nu la, Roma-srafo siwo va ɖo asi Yudatɔawo ƒe aglãdzedzea dzi la tsrɔ̃ afisi wonya ƒe alafa gbogbo aɖewo enye ma be eyae nye afisi wodea ta agu na Mawu le la le ƒe 70 M.Ŋ. me. * Womegagbugbɔ gbedoxɔ ma tu gbeɖe o. Le ƒe alafa adrelia me la, wotu Moslemtɔwo ƒe vɔsaxɔ si woyɔna be Kpe Gbadza dzi Gbedoxɔ Tame Gobaa la, eye va ɖo egbe la, egakpɔtɔ le afisi Yudatɔwo ƒe tadeaguƒea nɔ tsã la.\nEkema ɖoɖo kae ava nɔ Yesu yomedzelawo ƒe tadedeagu ŋu? Ðe Kristotɔ gbãtɔ siwo nye Yuda-vidzidziwo la ayi edzi anɔ ta dem agu na Mawu le gbedoxɔ si woava tsrɔ̃ kpuie la mea? Afikae Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la ade ta agu na Mawu le? Ðe Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo ava zu esiwo axɔ ɖe gbedoxɔa teƒea? Dze si Yesu ɖo kple Samaria-nyɔnu aɖe na nyaa me kɔ na mí.\nƑe alafa geɖe enye ma la, Samariatɔwo dea ta agu na Mawu le gbedoxɔ gã aɖe me le Gerizim-to dzi le Samaria. Samaria-nyɔnua gblɔ na Yesu bena: \"Mía fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woado gbe ɖa le.\" Yesu ɖo eŋu gblɔ bena: \"Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o.\" Gbedoxɔ si wotu kple asi magahiã le tadedeagu na Yehowa me o, elabena Yesu ɖe eme bena: \"Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.\" (Yohanes 4:20, 21, 24) Apostolo Paulo gblɔ na Atenetɔwo emegbe be: \"Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o.\"—Dɔwɔwɔwo 17:24.\nEdze ƒã be Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo medo ƒome aɖeke kple gbedoxɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe Ɣeyiɣia o. Eye susu aɖeke meli si tae wòle be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo natu teƒe siawo o. Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, megbedede tso nufiafia vavãwo gbɔ—si nye xɔsegbegbe—si ŋu nya wogblɔ ɖi la va eme. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Ƒe aɖewo do ŋgɔ na Roma Fiagã Konstantino si wobe eva zu Kristotɔ le ƒe 313 M.Ŋ. me la, amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la te tɔtrɔ tso nusi Yesu fia la ŋu.\nKonstantino wɔ akpa aɖe le \"Kristotɔnyenye\" tsakatsaka kple Roma trɔ̃subɔsubɔ me. The Encyclopædia Britannica gblɔ be: \"Konstantino ŋutɔ na wotu Kristotɔwo ƒe gbedoxɔ gã etɔ̃ ɖe Roma: Petro Kɔkɔe tɔ, S. Paolo Fuori le Mura, kple S. Giovanni tɔ le Laterano. Eyae . . . to xɔtata si ƒe nɔnɔme le abe atitsoga ene si va zu esi nu subɔsubɔhawo tua xɔ ɖo le ɣetoɖoƒe Europa le Titinaɣeyiɣiawo katã me la vɛ.\" Wogakpɔtɔ bua Ame Kɔkɔe Peter ƒe Gbedoxɔ si wogbugbɔ tu le Rome la be enye Roma Katoliko Haa ƒe tadeaguƒe vevi aɖe.\nBlemaŋutinyaŋlɔla Will Durant gblɔ be: \"Sɔlemehaa va lé subɔsubɔ ƒe kɔnu aɖewo kple nuwɔna aɖewo siwo bɔ le [trɔ̃subɔsubɔdu] si nye Roma me do ŋgɔ na Kristotɔawo la me ɖe asi sesĩe. Esia dometɔ aɖee nye \"xɔtuɖaŋu si nu wotu gbedoxɔa ɖo.\" Tso ƒe alafa 10 lia va ɖo 15 lia me la, sɔlemexɔ kple bisiɔp ƒe sɔlemexɔwo tutu nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ, eye xɔtuɖaŋu siwo nu woatu wo ɖoe nyea nu vevitɔ si ŋu woalé ŋku ɖo. Ɣemaɣie Kristodukɔa ƒe gbedoxɔ siwo wobuna egbea be wonye xɔtuɖaŋuwo ƒe ŋkuɖodzinuwo la dometɔ geɖe va dzɔ.\nÐe amewo kpɔa gbɔgbɔ me dzidzeme kple dzideƒo tso tadedeagu le gbedoxɔ me me ɣesiaɣia? Francisco si tso Brazil gblɔ be: \"Le gonyeme la, sɔlemexɔa me yiyi va zu nusi tia kɔ nam hetea ɖeɖi ŋunye le subɔsubɔ me. Misa yiyi nye kɔnu gbugbɔgawɔ aɖe si ŋu viɖe aɖeke mele o si mekpɔ nye nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ o. Gbɔdzɔe wònye nam esime nyemegayina o.\" Ke hã, wode se na xɔsetɔ vavãwo be woakpe ta ɖekae. Takpekpe ƒe ɖoɖo ka dzie wòle be woazɔ ɖo?\n\"Hame, si Le Woƒe Aƒe Me\"\nKpɔɖeŋu si nu Kristotɔwo zɔna ɖo hekpea ta ɖekae la tso ŋkuléle ɖe alesi ƒe alafa gbãtɔ me xɔsetɔwo kpea tae me. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be wokpea ta le amewo ƒe aƒe me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo me la, nam ƒã; . . . eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã.\" (Romatɔwo 16:3, 5; Kolosetɔwo 4:15; Filemon 2) Woɖe Helagbe me nya si wozã na \"hame\" (ek·kle·siʹa) gɔme be \"church\" (sɔleme) le Eŋlisigbe Biblia aɖewo, abe King James Version ene, me. Gake nya sia ku ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si kpe ta ɖekae le tameɖoɖo ɖeka ta ŋu, ke menye xɔ o. (Dɔwɔwɔwo 8:1; 13:1) Kristotɔ vavãwo ƒe tadedeagu mehiã sɔlemexɔ kpeɖiwo o.\nAleke wowɔ kpekpewoe le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamewo me? Nusrɔ̃la Yakobo yɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe le Helagbe me be sy·na·go·geʹ. (Yakobo 2:2) Helagbe me nya sia fia \"amewo nuƒoƒoƒu ɖe teƒe ɖeka\" eye wozãnɛ aduadu kple ek·kle·siʹa. Gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova sea nya \"ƒuƒoƒe\" gɔme be teƒe alo xɔ si me wowɔa kpekpewo le. Yudatɔ gbãtɔ siwo va zu Kristotɔwo la nya nu tso nusi yia edzi le ƒuƒoƒe la ŋu. *\nTogbɔ be Yudatɔawo kpea ta le gbedoxɔ si le Yerusalem me hena woƒe ƒe sia ƒe zãwo hã la, ƒuƒoƒeawoe nye teƒe siwo wosrɔ̃a nu le Yehowa ŋu hesrɔ̃a Sea le le nutoa me. Edze abe nusiwo wowɔna le ƒuƒoƒeawo la lɔ gbedodoɖa kple Ŋɔŋlɔawo xexlẽ, kpakple Ŋɔŋlɔawo me dzodzro tsitotsito kple nuxlɔ̃amenyawo nana ɖe eme ene. Esi Paulo kple amesiwo nɔ eŋu yi ɖe ƒuƒoƒe aɖe si nɔ Antioxia la, \"ƒuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.\" (Dɔwɔwɔwo 13:15) Esime Yudatɔ Kristotɔ gbãtɔwo kpe ta le amewo ƒe aƒewo me la, ɖikeke mele eme o be wowɔ ɖe kpɔɖeŋu ma ƒomevi dzi, si naa Ŋɔŋlɔawo me nufiamewo kple gbɔgbɔmetutuɖowo nɔa woƒe kpekpewo me.\nKpekpewo Hena Tutuɖo\nAbe alesi wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gome ene la, Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu egbea le tadeaguƒe kpokploewo be woaxɔ Biblia me nufiamewo ahase vivi na hadede tuameɖowo. Wokpe ta le amewo ƒe aƒewo me ƒe geɖe eye wogakpɔtɔ kpea ta le aƒewo me le teƒe aɖewo. Gake fifia la, hameawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbɔ 90,000 ŋu, eye woyɔa teƒe siwo wokpea ta ɖo koŋ be Fiaɖuƒe Akpatawo. Xɔ siawo mele kpeɖii alo ɖi sɔlemexɔwo o. Wonye xɔ siwo sɔ hele kpokploe siwo me hame si me tɔwo anye 100 va ɖo 200 ate ŋu akpe ta ɖo na kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo wɔwɔ ale be woate ŋu aɖo to ahasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Nyaa me.\nYehowa Ðasefowo ƒe hame akpa gãtɔwo kpea ta zi etɔ̃ le kwasiɖaa me. Kpekpea ɖeka nyea dutoƒonuƒo si kuna ɖe nyati yeye lédzinamewo ŋu. Eyome wotoa Gbetakpɔxɔ magazine la dzi srɔ̃a nu si wotu ɖe Biblia me nyati alo nyagblɔɖi aɖe dzi. Kpekpe bubu enye suku aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòana hehe le Biblia me gbedasia gbɔgblɔ me. Eyome wowɔa kpekpe aɖe si me wonaa Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le. Zi ɖeka le kwasiɖa me la, Ðasefowo kpea ta hã le ƒuƒoƒo suewo me le amewo ƒe aƒe me hena Biblia sɔsrɔ̃. Amesiame kpɔ mɔ ade kpekpe siawo katã. Womexɔa ga aɖeke le amewo si o.\nFrancisco, si ƒe nya míegblɔ va yi la, kpɔe be viɖe le kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: \"Takpeƒe gbãtɔ si mede la nye xɔ nyui aɖe si le dua titina, eye metsɔ dzidzɔ dzo le akpataa mee. Vavalawo wɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye mete ŋu de dzesii be lɔlɔ̃ le wo dome. Metsi dzi be magayi ake. Le nyateƒe me la, kpekpe aɖeke meto ŋunye tso ɣemaɣi o. Dzidzɔ nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo me, eye wokpɔ nye gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ. Ne dzi ɖe le ƒonye le susu aɖe ta gɔ̃ hã la, meyia Fiaɖuƒe Akpataa me kple kakaɖedzi be matsɔ dzideƒo agbɔ va aƒemee.\"\nBiblia me nusɔsrɔ̃, hadede tuameɖowo, kple mɔnukpɔkpɔ si wònyena be woakafu Mawu hã le lalawòm le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàyi kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me. Dzi adzɔ wò be nèyi.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 11 Romatɔawo gbã gbedoxɔa keŋkeŋ. Konyifaglikpɔ la, si gbɔ Yudatɔ geɖewo tsoa didiƒewo va doa gbe ɖa le, menye gbedoxɔ ma ƒe akpa aɖeke o. Gbedoxɔa ƒe xɔxɔnugli la ƒe akpa aɖe koe wònye.\n^ mm. 20 Anye ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ le Babilon esime gbedoxɔ aɖeke menɔ anyi o alo esime wogbɔ tso aboyo me teti esime wonɔ gbedoxɔa tum lae woɖo ƒuƒoƒewo. Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, ƒuƒoƒe nɔ Palestina-du ɖesiaɖe me eye esi wu ɖeka nɔ dugãwo me.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]\nAvɔgbadɔa kple gbedoxɔ siwo wotu emegbe la nye teƒe nyui siwo wode ta agu na Yehowa le\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nPetro Kɔkɔe ƒe Gbedoxɔgã si le Rome\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nKristotɔ gbãtɔwo kpe ta ɖekae le amewo ƒeme\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]\nYehowa Ðasefowo wɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le amewo ƒeme kple le Fiaɖuƒe Akpatawo me","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021115\/Migadzudz%C9%94-Takpekpe-%C3%90ekae-O\/","date":"2021-06-19T06:51:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487643703.56\/warc\/CC-MAIN-20210619051239-20210619081239-00608.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987757206,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987757205963135}","num_words":2159,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\"—PSALMO 37:11.\nBiblia gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbe me yɔ fũu kple \"fuɖeɖe\" sɔŋ. (Hiob 14:1) Egbea nya vɔ̃wo dzɔna ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esia nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame aɖewo keŋkeŋ abe ɖe etsɔme nyui aɖeke megali na wo o ene. Aleae nèsena le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ vavã aɖe le Biblia me na wò kple ameƒome bliboa siaa. Le kpɔɖeŋu me:\nBiblia fia nu be Yehowa ɖo tame nyui aɖe ɖe mía ŋu.\n—1 Mose 1:28.\nYehowa do ŋugbe be yeana míaƒe anyigba nazu paradiso.\n—Yesaya 65:21-25.\nŊugbedodo ma ava eme godoo. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be:\n\"Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.\"\nMenye drɔ̃e dzro aɖe ko mɔkpɔkpɔ sia nye o. Yehowa Mawu ɖoe kplikpaa be yeana esia nava eme, eye ŋusẽ le esi wòate ŋu awɔ esia eye edi hã be yeawɔe. Kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la ŋu. Eye àte ŋu akpɔ biabia si nye, \"Nu ka tae maganɔ agbe ɖo?\" ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le eme.\nÐO ŊKU NYA SIA DZI: Togbɔ be wò seselelãmewo ate ŋu anyama wò abe ale si ƒu dzeagbo nyamaa tɔdziʋu ene hã la, mɔkpɔkpɔgbedeasi si le Biblia me la le abe seke si ana nàli ke sesĩe ene.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Dze agbagba nàsrɔ̃ nu tso etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu ate ɖe wo ŋu le miaƒe nutoa me alo àte ŋu ake ɖe nyatakaka vevi aɖewo ŋu le woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201404\/yi-edzi-n%C3%A0n%C9%94-agbe-m%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2021-06-14T19:16:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487613380.12\/warc\/CC-MAIN-20210614170602-20210614200602-00530.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974933267,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997493326663971}","num_words":325,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2014\nTata sia dzro nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo le Psalmo 45 lia me la me. Ana míakpɔe be Yehowa Mawu nye Nunala, Ametakpɔla kple mía Xɔlɔ̃.\nGɔmesese vevi kae le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 45 lia me ŋu na mí egbea?\nAme kae nye ŋugbetɔ la, eye aleke Kristo le edzram ɖo hena srɔ̃ɖeɖea? Ame kawoe akpɔ dzidzɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea ta?\nAhosi la ƒe vi fɔfɔ ɖe tsitre do ŋusẽ eƒe xɔse ale gbegbe. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?\nDe bubu Yehowa Mawu, mía Fofo si le dziƒo ŋu. Kpɔ ale si nàna wò lɔlɔ̃ na Yehowa, Nunala Gãtɔ kple Ametakpɔla nagade to ɖe edzi.\nKpɔ kpɔɖeŋu si Abraham kple Gideon, siwo nye Yehowa Mawu xɔlɔ̃ veviwo, ɖo na mí ɖa. Nu kae míawɔ be míava zu Yehowa xɔlɔ̃wo?\nSusu vevi kawo tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo \"nɔ mɔkpɔkpɔ me\" na Mesia la?\nBlema Israel Fia David kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ƒe ɖoɖo siwo Mawu wɔ ŋu ɣesiaɣi. Aleke míakpɔ dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu egbea?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nƑe sia mee 'Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia' ƒe gbãtɔ la xɔ ƒe 100. Enye sinima si ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe Nyae Biblia nye.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20140215\/","date":"2021-08-05T04:44:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046155322.12\/warc\/CC-MAIN-20210805032134-20210805062134-00248.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988675117,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988675117492676}","num_words":211,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esusɔ miniti 15 ŋdi ga 7 naƒo le Tuxedo le New York. Yame le blɔ, eye tsikpewo le ta si le dziƒoxɔ tuɖedziene si le afi ma xa la dzi, eye ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo le gegem ɖe xɔa me. Wodo dɔwɔwuwo kple dɔwɔfɔkpawo eye wozɔ mɔ ŋdi sia tso amedzrodzeƒewo kple aƒe siwo le nutoa me kpakple dua ƒe teƒe bubuwo le Patterson, Wallkill, kple Brooklyn gɔ̃ hã, si anɔ abe kilometa 80 ƒe didime ene va.\nGake hafi egbea naɖo la, ame siawo dometɔ akpa gãtɔ tso Amerika ƒe teƒe vovovowo kple du bubuwo gɔ̃ hã me va. Wotsɔ wo ɖokuiwo na faa va be yewoawɔ dɔ le afi sia, ɖewo hena kwasiɖa ɖeka, ɖewo hã kwasiɖa ade eye bubuwo hã ɣeyiɣi si didi wu ema. Woawo ŋutɔ wotsɔ woƒe kotokumega ɖo ʋu va evɔ womaxe fe na wo ɖe dɔ siwo woawɔ la ta o. Gake dzi dzɔ wo be yewova afi sia.\nLɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 120 ye le afi sia egbea, eye woƒe agbɔsɔsɔme adzi ɖe edzi le ɣleti siwo gbɔna la me. Woge ɖe nuɖuxɔa me va nɔ anyi ɖe kplɔ̃wo ŋu; ame ewo ye nɔa kplɔ̃ ɖeka ŋu. Wo dometɔ geɖe wɔ kɔfi le nonom esime halã mème le ʋeʋẽm lilili tso dzodoƒea. Le ŋdi ga 7 pɛpɛpɛ la, wokpɔ Biblia me dzodzroa le television siwo woda ɖe xɔa me ƒe teƒeteƒewo la dzi. Le miniti wuiatɔ̃ megbe la, kplɔ̃ŋusubɔlawo tsɔ ŋdinuɖuɖu vɛ. Wotsɔ halã mème, dzogbɔ, koklozi kple abolo vɛ. Nuɖuɖua sɔ gbɔ.\nEsi wodo gbe ɖa le nuɖuɖua ƒe nuwuwu vɔ la, dɔ kpã azɔ. Ame siwo nye xɔtulawo nɔ dze ɖom dzidzɔtɔe, kuku le ta na wo, woɖɔ gaŋkuiwo kple awu siwo ana woakpɔ wo nyuie le viviti me gɔ̃ hã, eye wobla alidziblanu si ŋuti woti dɔwɔnu gbogbo aɖewo ɖo.\nDɔ si dze ŋgɔ woe nye be woatrɔ teƒe sia si nye Tuxedo Agbalẽwɔƒe tsã la wòazu nudzraɖoƒe hena Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la tutu le Warwick, si medidi tso afi sia gbɔ o. Wole xɔ dɔmewo kple dɔwɔxɔwo, dɔwɔƒewo kple nudzraɖoƒewo tum ɖe xɔ siwo le afi ma xoxo la me. Le Braɖa, March 12, 2013 dzi la, dziɖuɖudɔwɔƒe si kpɔa xɔtunyawo gbɔ da asi ɖe Tuxedo xɔtudɔa dzi.\nAleke woxɔa ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo ne wova ɖo dɔwɔƒe sia? William si tso New Jersey gblɔ be: \"Ne èva ɖo la, nɔvi siwo le vavalawo xɔƒea agblɔ nu vevi siwo hiã la na wò—afi si wò xɔ dɔme le, afi si nàto ayi xɔa me kple ale si nàzã safuiawo. Ame sia ame lɔ̃na faa kpena ɖe ame ŋu. Ne èva ɖo Tuxedo la, woana nàdo go miaƒe dɔŋgɔnɔla le ŋdinuɖuɖu vɔ megbe, eye aɖe nu siwo wòle be nàwɔ la me na wò.\"\nAleke dɔwɔwɔ le afi sia nɔna? Aƒenɔ si ŋkɔe nye Yajaira kple srɔ̃a tso Puerto Rico va le kpekpem ɖe ame siwo dea ʋɔtruwo kple ame siwo wɔa dɔ tso gliawo ŋu la ŋu. Egblɔ be: \"Míefɔna ŋdi ga 4 kple afã. Míedzraa míaƒe xɔ me ɖo, noa kɔfi eye míeyina ɖaɖoa bɔs si akɔ mí la. Nu tia kɔ na mí le ŋkekea ƒe nuwuwu, gake nukoko dzi ko míenɔna. Ame sia ame nɔa dzidzɔ kpɔm.\"\nAve domee Warwick ƒe anyigba la le. Aƒetɔ Zach kple srɔ̃a Beth siwo tso Minnesota le dɔ wɔm kple ame siwo le Warwick ƒe anyigbaa dzi dzram ɖo. Esi wobia Beth be nu ka tae wòva afi sia ɖo hã la, egblɔ be: \"Míeka ɖe edzi be taɖodzinu nyui aɖeke megale agbe me si nyo wu Yehowa subɔsubɔ o. Míedi be míazã míaƒe aɖaŋuwo le eƒe subɔsubɔdɔa me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/tuxedo-new-york\/","date":"2021-08-01T20:18:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046154219.62\/warc\/CC-MAIN-20210801190212-20210801220212-00536.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983240366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983240365982056}","num_words":597,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nNu sia nu ku ɖe mia Mawu\nKple eƒe yayra ko ŋuti,\nMenye dzɔgbenyui ŋu o.\n'Me si ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu o,\nEya ko ekpɔa dzideƒo\nLe agbe kple ku me hã.\nStanza 2\nAme si nyim va ɖo egbe\nEye wòna nu nyui geɖem.\nEya ko tɔ manye ɖaa.\nAme si kplɔm nukutɔe\nEya wòfia mɔ nyui lam la,\nLanye xɔla nam tegbee.\nStanza 3\nAme geɖewo le hiã ɖim\nKple fuɖenameɖokui fũu\nLe nu dzodzrowo ŋuti.\nKe nye la mati nu siwo\nNaa dzudzɔ vavã ko yome.\nSi mele xexeame o.\nStanza 4\nMɔkpɔkpɔ nyui faa 'kɔ na dzi\nNe nye didi dze Mawu ŋu,\nEkem awɔ edzi nam;\nEya ta metsɔ ɖokuinye\nDe eya ko ƒe asi me;\nWoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-35\/","date":"2021-09-20T06:14:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00527.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968671799,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968671798706055}","num_words":124,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 194\nStanza 1\nMawutsideta\nEnye nubabla,\nMawu kple ame\nBla le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ me.\nStanza 2\nŊutifafa hã\nEle me vavã\nKple nu vɔ̃ keke,\nŊutikɔklɔ, xɔxɔ kple agbe mavɔ.\nStanza 3\nEya ta bubu\nWoana wò Mawu,\nFofo kple Vi la\nKple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la azɔ kple ɖaa si!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-194\/","date":"2021-09-23T18:54:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00673.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996965766,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996965765953064}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 358\nStanza 1\nNe nyemenya mɔa o hã, wòa ènyae,\nEya ko na dzidzeme nye luʋɔ.\nDzodzro ko wònye be metsia dzi ɖaa,\nBe dzika tsoa ƒonye ŋdi kple fiɛ siaa.\nStanza 2\nWòe nya mɔ la kple mɔdzeɣi la hã,\nÈwɔ wò ɖoɖowo da ɖi xoxo.\nMakafu wò le wò lɔlɔ̃ gã ta,\nAɖe gbeƒã 'menuveve, si ɖem.\nStanza 3\nWòe nya 'fi si ahom tsona tuna,\nWòe tsia enu le ɣelaɣi me hã,\nMadzɔ wò asinu, mèdaa nya dzi o,\nWòe nya nye mɔ la, eya ɖi ƒo nam.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-358\/","date":"2021-09-27T08:21:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00621.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975609183,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975609183311462}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nDzi nadzɔ mi, mawuviwo,\nElabe Mawu enyo.\nDziƒo kpl'a-nyigba tsɔ bubu\nNa Yesu geɖe ŋutɔ.\nStanza 2\nAme geɖewo dia ɖeɖe\nLe wo ŋ'tɔ ƒe mɔwo dzi;\nKristo va fia mɔ bubu mí\nLe 'ƒe nya kɔkɔe la me.\nStanza 3\nŊusẽ hã mele mía ŋu o;\nEƒe nya gblɔ na mí be;\nYe ʋu la aklɔ mía ŋuti\nTso nuvɔ̃wo katã me.\nStanza 4\nMitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃ dzi,\nNe miate va gbɔnye ko!\nToɖoɖo nye vɔsa vivi,\nSi dim mele tso mia gbɔ.\nStanza 5\nAƒetɔ, meda 'kpe na wò\nLe wò lɔlɔ̃ gã ŋuti;\nMaɖ'a-si le nye nu vɔ̃ ŋu\nAdze yowòme tegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-54\/","date":"2022-01-19T23:00:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320301592.29\/warc\/CC-MAIN-20220119215632-20220120005632-00258.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968925714,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968925714492798}","num_words":104,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo\nAgbalẽ gbãtɔ\n1\nPsalmowo 1–41\n1 Woayra ame si\nmezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu\nalo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo\nalo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,\n2 ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu,\neye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.\n3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to,\nesi tsea ku le etseɣi,\nmelũa xe o, eye\nnu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.\n4 Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o!\nWole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.\n5 Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe,\nalo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.\n6 Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta,\nke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/PSA001.htm","date":"2022-05-19T11:19:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00732.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978591204,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978591203689575}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.081,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na\nTesalonikatɔwo\n1\n1 Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa kristohame si le Tesalonika, ame siwo le Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me.\n2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.\nAkpedada kple gbedodoɖa\n3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta. 4 Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã. 5 Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la. 6 Eye le ɣe ma ɣi me ke la, edzɔ le Mawu ƒe ŋkume be wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na ame siwo na xaxa mi la.\n7 Eya ta magblɔ na mi, ame siwo le fu kpem la be Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo. 8 Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o. 9 Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o, 10 ne eva be wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ ame siwo anɔ ekafum la dome, elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi se.\n11 Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la, atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta. 12 Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2TH01.htm","date":"2022-05-19T12:39:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00100.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984797835,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984797835350037}","num_words":407,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nFiaɖuƒe Akpatawo Le Ʋuʋu Ði na Amesiame\nESIME Yesu Kristo nɔ hehe nam eƒe nusrɔ̃lawo hena dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ la, ede dzi ƒo na wo be 'woaɖe gbeƒã le xɔwo tame.' (Mateo 10:27) Ẽ, ele be woawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa gaglãa, amesiame nakpɔ. Le nuxlɔ̃ame sia dzi wɔwɔ ta la, Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe dɔwo gaglãa. Dɔwɔwɔ gaglãa alea kpe ɖe Ðasefowo ŋu woɖu tsitretsiɖeŋuwo dzi eye amewo ƒo nu nyui le wo ŋu.\nTogbɔ be mɔɖeɖe li be amesiame ate ŋu ade Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo faa hã la, nazãbubu na wòsesẽna na ame aɖewo be woage ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Aleae wòle le Finland hã. Ðeko ame aɖewo ya vɔ̃na na teƒe yeyewo yiyi. Ne wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye alo trɔ asi le xɔ xoxo aɖe ŋu tsɔ wɔe la, zi geɖe la, wowɔa ɖoɖo be woakpe amesiwo lɔ̃ be woava ɖi tsa le eme. Wodzea agbagba etɔxɛe kpea aƒelikawo be woaɖi tsa ava akpɔ Fiaɖuƒe Akpataa ahanya dɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna.\nLe nuto aɖe me la, Ðasefoawo wɔ ɖoɖo ɖe magazinedɔ ŋu le gbesigbe woʋu woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea nu be amewo nava kpɔ eme. Ðasefo eve do go ŋutsu tsitsi aɖe si gblɔ be yekpɔa dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xexlẽ ŋu. Nɔviawo gblɔ xɔa ʋuʋu ɖi ŋu nya nɛ hegblɔ be yewodi be yewoakplɔe ayi Fiaɖuƒe Akpataa mee. Ŋutsua gblɔ be adzɔ dzi na ye ŋutɔ be yeawɔ ɖeka kpli wo. Ŋutsua srɔ̃, si hã nɔ dzeɖoɖoa sem la do ɣli be, \"Nye hã medi be mayi!\"\nEsi wonya ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me la, ŋutsua lé ŋku ɖe eme godoo hegblɔ be: \"Xɔa me mele yibɔɔ kura o ɖe. Kpɔ ɖa, eme kɔ henya kpɔ ŋutɔe. Wogblɔ nam be ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le yibɔɔ tsiɖitsiɖi!\" Ŋutsua kple srɔ̃a nɔ anyi sẽ hebia be yewoaxɔ agbalẽ siwo le agbalẽxɔƒea dometɔ aɖewo.\nHame aɖe di be yewoaɖe gbeƒã yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata nu ʋuʋu le xɔŋukɔgbea le wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ me. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ me tolawo ƒe amegã xɔ nyatakakaa la, eɖo aɖaŋu be woaŋlɔ nyati aɖe tso wɔnaa ŋu. Nɔviawo lɔ̃, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nyati nyui aɖe si xɔ axa afã dze le nyadzɔdzɔgbalẽa me, si ƒo nu tso wɔnaa kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le afima ƒe dɔwɔnawo ŋu.\nLe nyatia tata ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me megbe la, Ðasefo tsitsi aɖe do go eƒe aƒelika si gblɔ nɛ be: \"Nyati nyui aɖe si ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu dze le nyadzɔdzɔgbalẽ me egbea!\" Nɔvinyɔnua ɖi ɖase nɛ eye emegbe wòna agbalẽ gbadza si nye Jehovah's Witnesses in the Twentieth Century lae.\nTsɔ kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋuti nukpɔsusu totro aɖewo ɖɔɖɔɖo ŋu la, Fiaɖuƒe Akpata yeyewo nu ʋuʋu kple wo ŋukɔkɔ wɔna ƒe ɖoɖo siawo dea dzo gbeƒãɖelawo me hedea dzi ƒo na wo be woakpe ame geɖewo va kpekpeawo mee. Ẽ, le dukɔ geɖe me, hekpe ɖe Finland ŋu la, amewo va nyae be Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le ʋuʋu ɖi na amesiame.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021101\/Fia%C9%96u%C6%92e-Akpatawo-Le-%C6%B2u%CA%8Bu-%C3%90i-na-Amesiame\/","date":"2022-07-07T04:21:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104683683.99\/warc\/CC-MAIN-20220707033101-20220707063101-00463.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992648959,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992648959159851}","num_words":500,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"9\nWoatsrɔ̃ Israel\n1 Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be,\n\"Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu.\nMu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi,\neye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi.\nAme ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o.\n2 Ne woƒu du yi keke tsiẽƒe hã la,\nmava afi ma ahe wo ado goe;\neye ne wolia nu yi dziƒo hã la,\nmayi afi ma ahe wo vɛ.\n3 Togbɔ be woasi aɖabe ɖe agakpe siwo\nle Karmel to tame hã la,\nmadi wo, ake ɖe wo ŋu,\nahe wo ado goe le afi ma.\nNe wosi ɖabe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke hã la,\nmadɔ ƒumedawo ɖa be woaɖu wo, woaku.\n4 Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la,\nafi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi.\n\"Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃,\nke menye na nyui o.\"\n5 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu,\name si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ,\neye edzinɔlawo katã fa konyi,\name si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene,\neye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene.\n6 Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me,\neye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi,\name si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi.\nYehowae nye eƒe ŋkɔ.\n7 Yehowa be, \"O Israelviwo,\nɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa?\nƉe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi,\nFilistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?\"\n8 \"Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti.\nMatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi,\nnegbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,\"\nYehowae gblɔe.\n9 \"Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la\nle dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene,\nke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.\n10 Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la\natsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be,\n'Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,' la ŋu.\"\nWoagbugbɔ Israel aɖo te\n11 \"Ekema le ɣe ma ɣi me la,\n\"Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu,\nmaɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo,\nmagaɖo eƒe aƒedowo te,\neye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,\n12 ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo\nkple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.\"\nNye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe.\n13 Yehowa be, \"Ŋkekewo li gbɔna,\"\n\"esime nukuxala maxa nuku vɔ\nhafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o,\neye wainfiala mafia wain vɔ hafi\nwoagadze waintiwo dodo gɔme o.\nAha yeye atsyɔ le towo dzi,\neye wòatsa le togbɛwo tame.\n14 \"Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me,\nwoagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me,\nwoade waingblewo,\neye woafia aha ano le wo me.\nWoade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo.\n15 Maɖo Israel ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,\neye womagaho wo kple ke tso anyigba si metsɔ\nna wo la dzi akpɔ gbeɖe o.\"\nYehowa, miaƒe Mawu lae gblɔe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/AMO09.htm","date":"2022-06-30T16:34:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103850139.45\/warc\/CC-MAIN-20220630153307-20220630183307-00713.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998949945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989499449729919}","num_words":489,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2\n1 Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema kee nye alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe hã. 2 Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me 3 azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.\nKpe gbagbe kple dukɔ tiatia\n4 Kristo gbɔe mieva, ame si nye Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe dzogoedzikpe gbagbe. Amewo gbee, gake Mawu tiae hede bubu gã aɖe eŋu. 5 Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi. 6 Elabena wogblɔ le mawunya me be,\n\"Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion,\ndzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu,\name si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la,\nŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.\"\n7 Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la,\n\"Kpe si xɔtulawo gbe la,\neyae va zu dzogoedzikpe,\"\n8 kpe,\n\"Si nana amewo klia nu,\neye wònye agakpe si nana wodzea anyi,\"\nWoklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.\n9 Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu. 10 Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.\n11 Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ. 12 Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.\nToɖoɖo dziɖulawo kple aƒetɔwo\n13 Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, 14 alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o. 15 Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu. 16 Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene. 17 Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.\n18 Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã. 19 Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta. 20 Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ. 21 Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.\n22 \"Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o,\neye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.\"\n23 Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 24 Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ. 25 Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1PE02.htm","date":"2022-07-04T15:39:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104432674.76\/warc\/CC-MAIN-20220704141714-20220704171714-00293.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989095926,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998909592628479}","num_words":675,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo meyia aʋa o ɖe susu siwo gbɔna ta:\nToɖoɖo Mawu. Biblia gblɔ be mawusubɔlawo atsɔ \"woƒe yiwo atu kodziwoe,\" eye \"womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.\"—Yesaya 2:4.\nToɖoɖo Yesu. Yesu gblɔ na apostolo Petro be: \"Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.\" (Mateo 26:52) Yesu gblɔ nya sia tsɔ ɖee fia be ye yomedzelawo makpɔ gome le aʋawɔwɔ me o.\nYesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔna ɖe se si Yesu de be womeganye \"xexea ƒe akpa aɖeke o\" la dzi, eya ta womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o. (Yohanes 17:16) Womelɔa gbɔ tsɔ tsia tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu o, eye womexea mɔ na ame siwo ɖoe be yewoazu asrafowo la hã be womegage ɖe asrafodɔ me o.\nKristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Yesu yomedzela gbãtɔwo gbe aʋawɔwɔ kple asrafodɔwɔwɔ, eye wobua nuwɔna mawo be womewɔ ɖeka kple lɔlɔ̃ si ƒe dzi Yesu de ƒo kple se si wòde be woalɔ̃ ame ƒe futɔ la o.\" (Encyclopedia of Religion and War) Nenema kee Germanytɔ mawunyaŋununyala Peter Meinhold hã gblɔ be: \"Wobua Kristotɔnyenye kple asrafonyenye be wonye nu eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kura.\"\nAkpa si míewɔna le nutoa me\nYehowa Ðasefowo nye ame ɖɔʋu siwo ƒe nuwɔna dea nutoa me tɔwo dzi eye womenye afɔku aɖeke na dukɔ siwo me wole la o. Míedea bubu dziɖuɖuwo ŋu le ɖekawɔwɔ kple Biblia ƒe sedede siwo gbɔna:\n'Mibɔbɔ mia ɖokui na ŋusẽtɔ siwo kɔ wu.'—Romatɔwo 13:1.\n\"Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.\"—Mateo 22:21.\nEya ta míewɔna ɖe se dzi, míexea adzɔ, eye míekpea asi ɖe ɖoɖo siwo dziɖuɖua wɔ be woade amewo dzi la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/nu-ka-tae-mieyia-a%CA%8Ba-o\/","date":"2022-06-30T23:04:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103915196.47\/warc\/CC-MAIN-20220630213820-20220701003820-00401.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978209138,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978209137916565}","num_words":285,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyanyuiawo—Wogale Glãkahehea Dzi\nÐe Yesu Kristo ƒe dzidzi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuigbalẽawo me nye nyateƒea?\nEyae gblɔ Todzimawunya la?\nÐe wofɔ Yesu ɖe tsitre nyateƒea?\nEyae gblɔe nyateƒe be: \"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la\"?—YOHANES 14:6.\nAGBALẼNYALA 80 aɖewo dzro nya siawo tɔgbe me le Yesu Ŋuti Numedzrokpekpe si wowɔna zi eve le ƒe ɖeka me tso ƒe 1985 me la me. Agbalẽnyalawo ƒe hatsotso sia ɖo nya siawo ŋu wòwɔ mo yaa ŋutɔ. Kpekpea me nɔlawo da akɔ ɖe Nyanyuiawo me nya ɖesiaɖe si wobe Yesu gblɔ dzi. Akɔdakpe dzĩ fia be Yesue gblɔ nyaa nyateƒe. Akɔdakpe si le hɛ̃ fia be nyaa ɖi esi Yesu anya gblɔ. Akɔdakpe si fu kpii fia be susu si le nyawo me de Yesu tɔwo ɖi ge, gake menye eyae gblɔ nyaa o. Akɔdakpe yibɔ ya menyo kura o, si fia be xotutu mee wova kpɔ nyaa tsoe emegbe.\nYesu Ŋuti Numedzrokpekpea me nɔlawo to mɔ sia dzi gbe nya ene siwo míetsɔ wɔ biabiae le gɔmedzedzea me la katã. Le nyateƒe me la, wotia akɔdakpe yibɔ na Nyanyuiawo me nya siwo wobe Yesu gblɔ la ƒe alafa memama 82 sɔŋ. Le woƒe nya nu la, nudzɔdzɔ siwo wogblɔ tso Yesu ŋu le Nyanyuigbalẽawo kple agbalẽ bubuwo me ƒe alafa memama 16 koe dze abe kakaɖedzi le wo ŋu ene.\nÐikeke le Nyanyuiawo ŋu alea menye nu yeye o. Ðikeke le Nyanyuiawo ŋu do mo ɖa le ƒe 1774 me esime wota axa 1,400-gbalẽ aɖe si Hermann Reimarus ŋlɔ le eƒe ku megbe; amesia nye Ɣedzeƒegbegbɔgblɔwo fialagã le Hamburg, Germany. Le agbalẽ ma me la, Reimarus gblɔ ɖikenya goglo aɖewo le Nyanyuiawo me nudzɔdzɔwo ƒe nyateƒenyenye ŋu. Ŋkuléle ɖe nya siwo wotsɔ ŋlɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋutinya le Nyanyuigbalẽ eneawo me ŋu kpakple nusiwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu dzie wònɔ te ɖo gblɔ eƒe nyawo. Tso ɣemaɣi la, ɖikelawo kea ɖi zi geɖe le Nyanyuiawo ƒe nyateƒenyenye ŋu, eye wòna amewo megava ka ɖe nuŋlɔɖi siawo dzi o le mɔ aɖewo nu.\nNya si agbalẽnyala siawo gblɔna le Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ŋue nye be wonye mawusubɔsubɔ me nyakpakpa siwo ame ɖekaɖeka aɖewo to vɛ. Nya siwo agbalẽnyala ɖikela siawo biana zi geɖe enye be: Ðe wòanye be woƒe dzixɔsewo wɔe be Nyanyuigbalẽ eneawo ŋlɔlawo ɖe ami ɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔa? Ðe wòanye be ɖoɖo si nɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ƒuƒoƒoa si wɔe be wogbugbɔ trɔ asi le Yesu ƒe ŋutinyaa ŋu alo kpa ɖewo kpeea? Nyanyuiawo ƒe akpa kawoe ate ŋu anye nyateƒetoto ke menye nyakpakpawo o?\nAmesiwo wonyi le mawudzimaxɔselawo alo xexemetɔwo dome xɔe se be Biblia—Nyanyuigbalẽawo hã le eme—nye agbalẽ si yɔ fũ kple xotutuwo kple nyakpakpawo. Azɔ hã Kristodukɔa ƒe ʋukɔkɔɖi, ameteteɖeanyi, ɖekamawɔmawɔ, kple mawumavɔ̃mavɔ̃ ŋutinyawo wɔa mo yaa na ame bubuwo. Amesiawo mekpɔ susu si ta woalé fɔ ɖe nuŋlɔɖi siwo wobua nu kɔkɔewoe le Kristodukɔa me ŋu o. Wose le wo ɖokui me be glitoto gbɔlowo dzi kokokoe woanya tu agbalẽ siwo to alakpasubɔsubɔha vɛ ɖo.\nNukae nèsusu? Ðe wòle be nàɖe mɔ na agbalẽnyala aɖewo siwo kea ɖi Nyanyuiawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye nana wò susu nawɔ evevea? Ne èse wogblɔ be ɖe Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo kpa nyaawo la, ɖe wòle be nàɖe mɔ esia nana màgaka ɖe woƒe nuŋlɔɖiwo dzi oa? Ðe wòle be Kristodukɔa ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ ŋutinya nana nàke ɖi kakaɖedzi si le Nyanyuiawo ŋua? Míekpe wò be nàdzro nyateƒenya aɖewo me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nGlitotowoe le Nyanyuiawo me loo alo nyateƒenyawoe?\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nYesu Le Zɔzɔm le Atsiaƒu Dzi\/The Doré Bible Illustrations\/Dover Publications\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nMegbe ɖaa, axa 3-5 kple 8: Le Freer Gallery of Art, Smithsonian Institution, Washington, D.C. ƒe mɔɖeɖe nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000515\/Nyanyuiawo-Wogale-Gl%C3%A3kahehea-Dzi\/","date":"2022-07-05T11:52:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104576719.83\/warc\/CC-MAIN-20220705113756-20220705143756-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989701509,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989701509475708}","num_words":607,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 15, 2005 Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖe Ahedada Ða? Xexe si me Ahedada Manɔ O Tu Aƒe Mawu Ŋuti Sidzedze Tu Ƒomewo Ðo Mari—Blema Dzogbe Dugã Kpɔŋusẽ La Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie Nukata Mebɔ O? Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Evelia Me Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò 'Do Dzi Le Vɔ̃ Me' Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050515\/","date":"2022-08-08T12:28:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570827.41\/warc\/CC-MAIN-20220808122331-20220808152331-00371.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974232316,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974232316017151}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 15, 2002 Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa? Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O Kristotɔwo Hiã Wo Nɔewo Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee? 'Minyi Mawu ƒe Alẽha La' Biblia Gɔmeɖeɖe ɖe Egbegbe Helagbe me ƒe Ʋiʋli Sesẽ La Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20021115\/","date":"2022-08-15T06:26:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882572161.46\/warc\/CC-MAIN-20220815054743-20220815084743-00475.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999265492,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992654919624329}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ\nASRAFO veviedonula aɖe nɔ dɔ dzi le eƒe ŋdɔnuɖuɣi katã me kple susu be wòawu dɔ si eƒe amegã di tso esi kpata la nu. Esime etɔwo gbɔ tso ŋdɔnua ɖuƒe la, wokpɔe wòtsyɔ mo anyi ɖe dɔa dzi le kplɔa dzi—eku.\nEwɔ nuku na etɔ asrafo bubuawo be ema megbe mede gaƒoƒo eve o la, woƒe amegã ƒo ka gblɔ na wo be: \"——— ƒe nyaa wɔ nublanui, gake mehiã na ame bubu si axɔ ɖe eteƒe etsɔ ŋdi!\" Esia na nuteƒekpɔlawo bia be, Dɔ si asrafoa wɔna ko mee eƒe amegã kpɔ eƒe vevienyenye lea?\nNudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia he susu yi nyateƒenya aɖe dzi—be zi geɖe la, dɔ si ame wɔna ko mee dɔtɔwo kpɔa eƒe vevienyenye lena. Esia ana ame aɖe nabia be: Ðe mele agbe na dɔwɔwɔ loo alo ɖe mewɔa dɔ be matsɔ akpɔ nye agbemenuhiahiãwo gbɔ? Nye agbe ƒe akpa ka ŋue mele nu gblẽm le le nye dɔ ta?\nTiatia Nyuiwo Wɔwɔ\nZi geɖe la, amewo tsɔa dzitsitsi wɔa nu eve siwo ame aɖewo buna nu vevitɔwo kekeake le agbe me la ŋuti nyametsotso—siwo nye amesi woaɖe kple dɔ si woawɔ la tiatia. Tsã la, wobua dɔwɔɖui kple srɔ̃ɖeɖe be wonye nusiwo nɔa anyi ɖaa. Eyata wobua ɖesiaɖe ŋu nyuie hafi wɔa tiatia. Zi geɖe la, wobiaa aɖaŋuɖoɖo tsoa xɔlɔ̃ tsitsiwo kple dzilawo gbɔ.\nGake le egbeŋkekeawo me la, edze abe ŋutilãme ƒe dzedzeme koŋ dzie ame geɖe nɔa te ɖo tiaa amesi woaɖe kple susu be ne nuwo meva yi abe alesi wokpɔ mɔ nɛ ene o la, woate ŋu adi ame bubu. Nenema ke ame geɖe nɔa te ɖe dɔ aɖe ƒe dzedzeme koŋ dzi wɔa tiatia numanyomanyo siwo ate ŋu ado tso eme ŋu mabumabui. Alo woŋea aɖaba ƒua eƒe akpa manyomanyoawo dzi kple susu be 'Màte ŋu akpɔ emawo ya gbɔ.'\nNublanuitɔe la, nyɔnu siwo le dukɔ dahewo me zɔna zi geɖe ɖe boblo si wodona kplenumevivi be woakpɔ dɔ si me agbe vivi nɔnɔ le la na wo le teƒe aɖewo la dzi. Gake ne wova ɖo dukɔ bubu ma me ko la, zi geɖe wokplɔa wo yia gbolowɔƒewo afisi wova kpɔnɛ le be gbolowɔwɔ vloe wu agbe si yewo nɔna tsã. Egbegbe kluvinyenye sia, abe alesi World Press Review nyati aɖe gblɔe ene la, \"enye fuwɔame si nu mayi o.\"\nÐe wote ŋu blea amewo dea dɔ aɖe si wowɔna me eye wova kpɔna emegbe be kluvi koe yewova zu mlɔeba? Esia tututue dzɔna! Le kpɔɖeŋu me, adzɔha aɖewo tsɔ agbe vivi nɔnɔ kpena ɖe dɔ ŋuti na woƒe dɔwɔlawo. Esiawo ƒe ɖewo anye nuɖuƒe si ƒomea kple wo xɔlɔ̃wo ate ŋu azã, ʋuɖoɖo kple woƒe ʋuwo kɔklɔ femaxee, aɖutikewɔla nɔa anyi, kamedeƒe nɔa anyi wozãna faa, kple nuɖuɖu xɔasiwo dzraƒe si wokaa fe aɖe le eŋu na wo.\nNyadzɔdzɔŋlɔla Richard Reeves, ka nya ta be \"adzɔha aɖe kura xe fe na kadododɔwɔha aɖe be eƒe dɔwɔla siwo ŋu ɖeɖi te nate ŋu ado ka kple xɔlɔ̃ yeyewo.\" Gake nɔ ŋudzɔ! Eɖe nu me be: \"Dɔwɔƒe siawo toa ɖoɖo aɖewo vɛ be agbe nanɔ bɔbɔe na wò le tameɖoɖo ɖeka aɖe ko ta—be woakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi; be nànɔ dɔwɔwɔ dzi gaƒoƒo 18 gbesiagbe kpakple le kwasiɖanuwuwuwo, nàɖu nu, nàde kame, nàɖe modzaka, eye nàmlɔ anyi gɔ̃ hã ɖe dɔwɔƒea ɖe viɖe si woakpɔ ta.\"\nTiatia si Nyo Wu Wɔwɔ\nBlema lododo aɖe gblɔ be: \"Avu gbagbe nyo wu dzata kuku.\" (Nyagblɔla 9:4) Lododo sia fɔ biabia ɖe te be, Ðe matsɔ nye agbe alo lãmesẽ me nɔnɔ asa vɔe ɖe nye dɔwɔɖui ta? Le eŋu ɖoɖo me la, ame geɖe gbugbɔ ŋku lé ɖe woƒe nɔnɔmea ŋu eye wova kpɔ mɔ siwo dzi woakpɔ wo ɖokui dzi le nyuie—kple ƒomea me tɔwo siaa, ne ƒome le wo si—eye woganɔa agbe si me dzidzɔ kple tameɖoɖo le.\nNyateƒee, zi geɖe esia wɔwɔ bia be woanɔ agbe bɔbɔe eye ebia be nàde ŋugble le nusiwo hiã wò ŋutɔŋutɔ ŋu tsɔ wu nusiwo dzroa wò siwo menɔa vevie o la ŋu. Amesiwo leɖoƒe kple bubu dim la agbe dɔ siwo le vedomesi wɔwɔ ahabu amesiwo tiaa wo gɔ̃ hã be wodzɔ movi. Gake nuka koŋue nye nu vevitɔ le agbe me? Ðe nètɔ bu eŋu kpɔ nyitsɔ laa?\nFia nyanu Salomo, amesi ŋlɔ lododo ƒe nya si míeyɔ va yi, kpɔ ŋutilãmenu le mɔ aɖe si ɖewohĩ amegbetɔ bubu aɖeke mekpɔ kpɔ o nu. Gake esi wònɔ nya ta ƒom ku ɖe nusi nye nu vevitɔ ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ be: \"Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!\"—Nyagblɔla 12:13.\nLe ɣemaɣi ke me la, Salomo de asixɔxɔ dɔwɔwɔ ŋu. Eŋlɔ be: 'Enyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu.' (Nyagblɔla 2:24) Nenema ke Yesu Kristo, Salomo Gãtɔ, hã de asixɔxɔ dɔwɔwɔ ŋu abe Fofoa si le dziƒo ke ene. Yesu gblɔ be: \"Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.\"—Yohanes 5:17; Mateo 12:42.\nKe hã, fifia amegbetɔ ƒe agbe le kpuie. (Psalmo 90:10) Gake Kristo nya be woakpɔ agbe mavɔ le Fiaɖuƒe dziɖuɖu si wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia la te. Esia tae wòxlɔ̃ nu le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: \"Midi [Mawu ƒe fiaɖuƒe] la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.\"—Mateo 6:9, 10, 33.\nKu ɖe agbe si woanɔ le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te ŋu la, Biblia do ŋugbe be: \"Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.\"—Yesaya 65:21, 22.\nMɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi—be woanɔ agbe tegbetegbe ahawɔ dɔ si ŋu tameɖoɖo kple teƒeɖoɖo le! Míaƒe nɔnɔmewo dada kpɔ nyuie ate ŋu afia mí be ahiã be míagbugbɔ ŋku alé ɖe míaƒe dɔwo ƒe akpa aɖewo ŋu egbea be míaƒo asa na afɔku siwo ate ŋu awɔe be míaƒe asi masu \"agbe vavã la dzi\" o—si nye agbe si míanɔ le etsɔme le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. (Timoteo I, 6:19) Eyata mina míaɖee afia le míaƒe d��wo me, alo le nusianu si wɔm míele me, be míedea bubu Amesi na agbe mí la ŋu.—Kolosetɔwo 3:23.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]\nLe Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, amewo awɔ dɔ si nyo kple esi me teƒeɖoɖo le","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020308\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94-%C5%8Auti-Nukp%C9%94susu-si-Da-S%C9%94\/","date":"2022-12-03T22:01:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710941.43\/warc\/CC-MAIN-20221203212026-20221204002026-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987102747,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987102746963501}","num_words":1052,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɖeviwo ƒe Biblia dɔwɔƒe\nMíaƒe dɔwɔƒe\nWinnipeg: dzua ɖe sime ame 750 000 sinu le eye wòle xexea ƒe dome.\nMiaŋlɔ nu na mí\nBible for Children Inc.\nP.O. Box 3\nWinnipeg, MB R3C 2G1\nMiŋlɔ agbalẽ na mí\nNe edze mìanu la miyɔ miadukɔ ŋkɔ na mí kple míade gbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/bibleforchildren.org\/languages\/gbe\/contact.php","date":"2023-01-31T03:45:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499842.81\/warc\/CC-MAIN-20230131023947-20230131053947-00492.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976620078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976620078086853}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.146,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.99,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖea gbe gɔme le takpekpewo me enumake, ke medze be woaɖe kɔpi na gbegɔmeɖeɖeawo le odio ƒe nɔnɔme me, agbalẽ tɔ me, alo le nɔnɔme bubu aɖe me o. Gbegɔmeɖelawo ƒe tameɖoɖo nyuitɔ kekeakewo nye be yewoagbugbɔ gblɔ nusi wogblɔna le takpekpe ɖesiaɖe me, gake nyati aɖewo aʋete kple vodada siwo míateŋu gbe o ezu be agbetɔ koe wɔna vodada ta anɔ gbegɔmeɖeɖeawo me kokoko.\nTameɖoɖo la menye be mawunyawo ƒe gbegɔmeɖeɖe nanye gbegɔmeɖeɖe nɔ wodokuisi O, eye hã mateŋu sɔ ɖe Voice Of God Recordings ƒe dziziziwo nu O faa.\nMíaƒe tameɖoɖo le odio gɔmeɖeɖe me le kame yenye be míana be amesiwo medoa Eŋlisigbe o la woaɖo mɔnukpɔkpɔ be woasubɔ kpli mí le takpekpeawo me.\nBranham Ƒe Agbadɔ nye hame aɖe si ƒe susu trɔ ɖe dɔgbedede ŋu eye agba gã aɖe le dzi di nɛ na Kristo ƒe Ŋugbetɔ la le dɔgbedede gbewo dzi le xexea katã me.\nMíeda akpe na Mawu ɖe gomekpɔkpɔ si Aƒetɔ la na mí be míedoa gbe ɖa ɖe wo ta, wɔna lɔlɔ̃ nunanawo na wo, eye be fifia hã, míele kadem kpli wo le Nya la ŋu to ka me ta. Míeka ɖe dzi be takpekpe siawo anye yayra na wò kple wò ƒome la.\n–Woŋlɔ nyanyanana sia le hadɔwɔwɔ me kple Branham Ƒe Agbadɔ la","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/toklanana-ku%C9%96e-gbeg%C9%94me%C9%96e%C9%96ewo-nu-le-branham-%C6%92e-agbad%C9%94-me\/","date":"2023-01-29T21:48:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499768.15\/warc\/CC-MAIN-20230129211612-20230130001612-00802.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973357916,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973357915878296}","num_words":215,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.307,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɣletivimefakaka Kple Afakaka Dzie Míato Anya Etsɔmea?\nƔLETIVIMEFAKAKA\nƔletivimefakaka nye gbɔgbɔyɔyɔ si na amewo xɔe se be ɣletiviwo, dzinua kple ɣletinyigbawo kpɔa ŋusẽ ɖe nu si ame anye le etsɔme la dzi. Ɣletivimefakalawo gblɔna be afi si tututu nu siawo siwo míeyɔ le hafi wodzi ame aɖe la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si amea ava nɔ le etsɔme la dzi.\nTogbɔ be ɣletivimefakaka dzɔ tso blema Babilon hã la, ame geɖe gaxɔ edzi se egbea. Le numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2012 me le Amerika la, ame siwo wobia gbee dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me bui be ɣletivimefakaka nye \"dzɔdzɔmeŋutinunya ƒomevi aɖe,\" eye ame 10 le alafa me gblɔ be \"enye dzɔdzɔmeŋutinunya blibo.\" Nyateƒeea? Ao. Nu si tae nye esi.\n-\nŊusẽ aɖeke mele ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo me si kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi abe ale si ɣletivimefakalawo gblɔnɛ ene o.\n-\nZi geɖea, nya siwo wogblɔna ɖi la le gbadzaa si ate ŋu aku ɖe ame sia ame ŋu.\n-\nBlemadzixɔse si nye be ɣletinyigbawo ƒoa xlã anyigba la dzie ɣletivimefakalawo nɔa te ɖo gblɔa nya ɖi. Gake nyateƒeae nye be ɣea boŋue ɣletinyigbawo ƒoa xlãe.\n-\nƔletivimefakalawo ƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, ɖe sia ɖe kple nu si wòkpɔna gblɔna le ame ɖeka ma ke ŋu.\n-\nƔletivimefakalawo gblɔna be ame sia ame le ɣletiviwo ƒe hatsotso 12 aɖewo si woyɔna be zodiac la ƒe ɖeka me, eye esia nɔa te ɖe ŋkeke si dzi wodzi ame aɖe la dzi. Gake esi wònye be anyigbaa nɔa totrom le yame tso blema ke ta la, ale si woma ɣletiŋkekewo ɖe ɣletiviwo ƒe hatsotsowo nu la megasɔna ɖe wo dzi ne ɣletiviwo ƒe hatsotso siawo le xlã ƒom ɣea o.\nWogblɔna be ɣletiviwo ƒe hatsotso 12 siawoe nana wonyaa ame si tɔgbi ame ava nye. Gake nyateƒeae nye be, ame siwo wodzi le ŋkeke ɖeka ma ke dzi ƒe agbenɔnɔ toa vovo; ŋkeke si dzi wodzi ame aɖe mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe eƒe agbenɔnɔ dzi o. Ɣletivimefakalawo melɔ̃na ɖe ale si amewo le la dzi o, ke boŋ wonɔa te ɖe amewo ƒe nuwɔna kple nɔnɔmewo dzi tsɔ gblɔa nu si wosusu tso wo ŋu la ɖi. Ðe esia menye nazãbubu oa?\nAFAKAKA\nTso blema ke la, amewo yia afakalawo gbɔ va kaa afa. Afakala aɖewo léa ŋku ɖe nuwo abe amewo kple lãwo ƒe dɔmenuwo alo ale si koklotsu fɔa bliku mina ŋu be yewoakpɔe ɖa be gɔmesese kae le nu mawo ŋu hã. Wo dometɔ bubuwo léa ŋku ɖe fli siwo le tii ƒe aŋgba alo kɔfi ƒe tsakiti ŋu gblɔa nya ɖi. Egbea wotoa hotsui, dzonu, ahuhɔ̃e, aɖidakpevi kple nu bubuwo dzi \"gblɔa\" amewo ƒe etsɔme ɖi. Ðe woate ŋu ato afakaka dzi agblɔ etsɔme ɖi nyateƒea? Kpao. Na míade ŋugble le nya sia ŋu vie.\nDe ŋugble le ɖekawɔwɔ ƒe nyaa ŋu kpɔ. Mɔ vovovo siwo dzi afakalawo tona gblɔa nya ɖi la tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ne mɔnu ɖekae wozã hã la, nya siwo wogblɔna ɖi ya toa vovo. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe bia nya afakala vovovo eve ku ɖe nu si adzɔ le etsɔme ŋu, tso \"nu si woxlẽ\" le afakagbalẽ ɖeka me ŋu la, ele be ŋuɖoɖoawo nanye ɖeka hafi. Gake zi geɖea, ŋuɖoɖoawo metoa mɔ ɖeka o.\nMɔ si dzi afakalawo tona kaa afa kple nu si tae wole afaa kam la me mekɔna na ame geɖe o. Ðeklemiɖelawo gblɔna be afakagbalẽawo kple afakahũhɔ̃eawo nye nu gbɔlowo ko, afakalawo léa ŋku ɖe nu si wɔm ame aɖe le ŋu ƒoa nya ta, ke menye afakanuawoe kpena ɖe wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame si bi ɖe afakaka me biaa nya aɖewo eye wògbɔa dzi ɖi léa to ɖe nya si gblɔm amea le kple ale si wòle nu wɔmee ŋu, tsɔ gblɔa nya aɖe tso amea ŋu. Gake afakalaa gblɔna be ye ŋutɔe kpɔ nu siawo katã le amea ŋu gblɔ nɛ. Esi esia nana amewo va kana ɖe afakalawo dzi ta la, wo dometɔ aɖewo toa esia dzi xɔa ga gbogbowo le wo si.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ NA MÍ\nƔletivimefakaka kple afakaka fia be woɖo ale si nuwo ava nɔ na mí le etsɔme ɖi xoxo. Gake nyateƒea? Biblia na míenya be ŋutetea le mía si be míatia nu si dzi míaxɔ se kple nu si míadi be míawɔ, eye tiatia siwo míewɔna lae fiaa nu si míava nye le etsɔme.—Yosua 24:15.\nSusu bubu si ta mawusubɔlawo tsri ɣletivimefakaka kple afakaka ye nye be Mawu lé fu afakakanuwɔna ɖe sia ɖe. Míexlẽa nya siawo le Biblia me be: \"Bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla meganɔ dowòme o. Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.\" a—5 Mose 18:10-12.\na Esiae nye Ame si nye \"Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi\" ƒe ŋkɔ.—Psalmo 83:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2018-may-jun\/biblia-gbl%C9%94-%C9%A3letivimefakaka-afakaka\/","date":"2023-03-20T20:17:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296943555.25\/warc\/CC-MAIN-20230320175948-20230320205948-00563.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991143346,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991143345832825}","num_words":795,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Se Si Mawu Na Israel La Le Dzɔdzɔe Hele Eteƒea?\nGBE ɖeka la, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si le Yevudedukɔ aɖe me la xɔ aʋatsoɖaseɖiɖiwo dzi se hedrɔ̃ ʋɔnu ŋutsu eve aɖewo be wowu ame eye wotso kufia na wo. Esi ʋɔnudrɔ̃lawo va kpɔe be yewowɔ vodada la, wodze agbagba vevie na woɖe asi le ame ɖeka ŋu. Gake ʋɔnudzrɔ̃la bibiwo gɔ̃ hã mate ŋu axɔ na ame evelia ya o, elabena wowui xoxo.\nEsi wònye be vodada siawo tɔgbi tea ŋu doa mo ɖa le ʋɔnudrɔ̃nyawo me ta la, Biblia ɖo aɖaŋu be: \"Nya dzɔdzɔe yome kokoko nàdi.\" (5 Mose 16:20) Ne ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, eɖea vi na dukɔmeviwo. Ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ameŋkumekpɔkpɔtɔe ŋuti mɔfiamewo le Se si Mawu na blema Israel la me. Mina míalé ŋku ɖe Se ma ŋu akpɔe ɖa be \"[Mawu ƒe] mɔwo katã dzɔ\" mahã.\nƲƆNUDRƆ̃LAWO NANYE \"ŊUTSU, SIWO TAGBƆ LI NA, EYE WODZE AÐAŊU\"\nNe ʋɔnudrɔ̃lawo dze aɖaŋu hewɔa nu si le eteƒe eye womexɔa zãnu o la, wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Se si Mawu na Israel la de asixɔxɔ gã aɖe ʋɔnudrɔ̃la siawo tɔgbi ŋu. Esi Israel viwo nɔ gbea dzi la, Mawu gblɔ na Mose be wòatia \"ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, ame iwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã\" la ahaɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawoe. (2 Mose 18:21, 22) Ƒe 40 megbe la, Mose gaɖo ŋku edzi na wo be ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nanye \"ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye wodze aɖaŋu.\"\nƑe alafa geɖe megbe la, Yuda Fia Yosafat * xlɔ̃ nu ʋɔnudrɔ̃lawo be: \"Miɖo ŋku anyi le nu si ke miewɔna la me, elabena menye amegbetɔwo miedrɔ̃a ʋɔnu na o, ke boŋ Yehowa ye, eye ele mia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe la. Eya ta Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖeke, amedzidede aɖeke alo zãnuxɔxɔ aɖeke meli o!\" (2 Kronika 19:6, 7) Aleae fia la ɖo ŋku edzi na ʋɔnudrɔ̃lawo be ne wokpɔ ame ŋkume alo xɔ zãnu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, Mawu abia akɔnta wo ɖe vɔ̃ ɖe sia ɖe si ado tso woƒe nuwɔna me la ta.\nNe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ ɖe Mawu ƒe se deŋgɔ siawo dzi la, dukɔa nɔa dedie heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Gake mɔfiame vevi aɖewo hã le Mawu ƒe Sea me siwo kpena ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ʋɔnudrɔ̃nya sesẽwo gɔ̃ hã me. Mɔfiame vevi siawo dometɔ aɖewo ɖe?\nMƆFIAME VEVI SIWO NANA WODRƆ̃A ƲƆNU DZƆDZƆE\nTogbɔ be ʋɔnudrɔ̃la siwo wotia la nye ŋutsu bibi dzeaɖaŋuwo hã la, womezãa woawo ŋutɔ ƒe nunya, aɖaŋudzedze, alo tagbɔkɔkɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Yehowa Mawu na mɔfiame siwo dzi woazɔ ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe la wo. Mɔfiame vevi siwo wona Israel ʋɔnudrɔ̃lawo la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.\nWoaku nyaa me tsitotsito. Mawu gblɔ na Mose be wòagblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo bena: 'Ne miele mia nɔviwo dome nyawo drɔ̃m la, midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.' (5 Mose 1:16) Ne ʋɔnudrɔ̃lawo ku nyaa me nyuie ko hafi woate ŋu atso afia dzɔdzɔe. Esia ta Mawu de se na ʋɔnudrɔ̃lawo be: \"Di nya la gɔme, eye nàbia eta tsitotsito.\" Ne wotso ame aɖe nu be ewɔ nu gbegblẽ aɖe la, ele be ʋɔnudrɔ̃lawo naku nu me ahaka ɖe edzi be 'nyateƒee ewɔ nua' hafi atso afia.\nWoase ɖaseɖilawo ƒe nyawo. Ðaseɖilawo ƒe wɔƒe le vevie le ʋɔnudrɔ̃nyawo me kuku me. Mawu ƒe Se gblɔ be: \"Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le ame si ke da vo alo wɔ nu vɔ̃ bubu ƒomevi aɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.\" (5 Mose 19:15) Mawu ƒe Se bia tso ɖaseɖila si be: 'Mèganɔ alakpanya kakam o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nàzu aʋatsoɖaseɖila o.'\nWoaɖi anukware le nyawo dɔdrɔ̃ me. To si gbegbe wohena na aʋatsoɖaseɖilawo la nyea nuxlɔ̃ame na ame siwo katã nyaa ka. Sea gblɔ be: \"Ne ʋɔnudrɔ̃lawo dzro nya la me tsitotsito kpɔ bena, aʋatsoɖase ɖim wòle, eye wòka aʋatso ɖe nɔvia si la, ekema miawɔe, abe ale si wòbe yeawɔ nɔviae ene, eye nàɖe vɔ̃ ɖa le dowòme.\" (5 Mose 19:18, 19) Eya ta ne ame aɖe ka aʋatso le ʋɔnu be yeaxɔ nɔvia ƒe domenyinu la, ele be woabu fɔe eye woagaxɔ nu si dim wòle la ƒe home le esi. Mɔfiame sia ƒonɛ ɖe amewo nu be woato nyateƒe.\nMele be woakpɔ ame ŋkume le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Ne nyateƒenyawo katã dze ko la, ʋɔnudrɔ̃lawo ate ŋu atso afia azɔ. Le afi sia la, ele be woawɔ ɖe mɔfiame vevi sia si le Mawu ƒe Sea me dzi: \"Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Migade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋkume o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe eteƒe.\" (3 Mose 19:15) Le ʋɔnudrɔ̃nya ɖe sia ɖe me la, ele be ʋɔnudrɔ̃lawo natso afia abe ale si tututu nyaa le ene, mele be woakpɔ ame ŋkume alo ade ame dzi o.\nƲɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiame vevi siawo siwo le Se si Mawu na Israel ƒe alafa geɖe enye esia me la agate ŋu aɖe vi le ʋɔnudrɔ̃nyawo me egbea. Ne wozɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la, woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye womawɔ vodada le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.\nDUKƆ SI ƲƆNU DZƆDZƆE DƆDRƆ̃ ÐE VI NA\nMose bia nya sia Israel viwo be: \"Dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋkume egbea ene?\" (5 Mose 4:8) Nyateƒee, dukɔ bubu aɖeke meli o. Esime Fia Salomo ɖekakpui la nɔ dzi ɖum eye wòlé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi la, dukɔ la nɔ \"eƒe wainka kple gboti te bɔkɔɔ,\" wonɔ ŋutifafa me eye nu dze edzi na wo, \"woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.\"\nNublanuitɔe la, Israel viwo va trɔ megbe de woƒe Mawua. Mawu to nyagblɔɖila Yeremiya dzi gblɔ be: \"Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?\" (Yeremiya 8:9) Nu si va dzɔe nye be Yerusalem va zu \"hlɔ̃dodu\" si me \"ŋunyɔnuwo\" yɔ fũu. Mlɔeba futɔwo va tsrɔ̃ du la eye wowɔe aƒedoe ƒe 70 sɔŋ.\nNyagblɔɖila Yesaya hã nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Israel viwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la me. Esi wòɖo ŋku ɣeyiɣi ma dzi la, esia ʋãe wògblɔ nyateƒenya vevi sia tso Yehowa Mawu kple Eƒe Se la ŋu be: \"Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexea me tɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.\"\nDzi dzɔ Yesaya esi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wogblɔ nya ɖi ku ɖe Mesia Fia, Yesu Kristo, ŋu be: \"Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nu si eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.\" (Yesaya 11:3, 4) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo ava nɔ Mawu Fiaɖuƒea, si dzi Mesia Fia aɖu la me!\n^ mm. 6 Ŋkɔ Yosafat gɔmee nye \"Yehowa Nye Ʋɔnudrɔ̃la.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140901\/%C3%90e-Se-si-Mawu-na-Israel-la-le-dz%C9%94dz%C9%94e-hele-ete%C6%92ea\/","date":"2023-03-25T05:20:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296945315.31\/warc\/CC-MAIN-20230325033306-20230325063306-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995529652,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995529651641846}","num_words":1135,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tito 3:1-15\n3 Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo,+ eye woaɖo to wo,* eye woanɔ dzadzraɖoɖi na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ, 2 be woagagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu o, woaganye dzrewɔlawo o, ke boŋ woanye nugɔmeselawo,+ woafa tu na amewo katã.+ 3 Elabena tsã la, míawo hã míenye movitɔwo, tosẽlawo, ame siwo tra mɔ, nudzodzro kple vivisese vovovowo ƒe kluviwo, míenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋubiabiã dzi, eye míenye ame nyɔŋuwo kple ame siwo léa fu wo nɔewo. 4 Ke esi Mawu,+ mía Xɔla la ɖe eƒe dɔmenyonyo kple ale si wòlɔ̃ ameƒomea ɖe go la, 5 eɖe mí (menye le dzɔdzɔenyenyedɔ si míawo míewɔ la ta o,+ ke boŋ le eƒe nublanuikpɔkpɔ ta),+ to tsilename si na agbe mí+ kple mía wɔwɔ yeyee to gbɔgbɔ kɔkɔe me la me.+ 6 Ekɔ gbɔgbɔ sia ɖe mía dzi fũu to Yesu Kristo, mía Ðela la dzi,+ 7 ale be esi wobu mí ame dzɔdzɔewoe to eƒe amenuveve me vɔ la,+ míazu domenyilawo+ le agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la nu.+ 8 Kakaɖedzi le nya siawo ŋu, eye medi be nàte gbe ɖe nya siawo dzi ɣesiaɣi ale be ame siwo xɔ Mawu dzi se la ƒe susu nanɔ dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu. Nu siawo nyo, eye viɖe le wo ŋu na ame. 9 Ke mègade nu bometsinyawo ʋiʋli kple dzidzimewo xexlẽ fia kple nyahehewo kpakple dzrewɔwɔ me le Se la ŋu o, elabena womeɖea vi aɖeke o, eye wonye nu dzodzrowo.+ 10 Ne èxlɔ̃ nu*+ ame si doa kɔmama*+ ɖe ŋgɔ zi gbãtɔ kple zi evelia vɔ la, nàgbe nu le egbɔ,+ 11 nyae be ame sia tra mɔ, eye wòle nu vɔ̃ wɔm hebu fɔ eɖokui. 12 Ne medɔ Artemas alo Tikiko+ ɖe gbɔwò la, dze agbagba ɖe sia ɖe nàva gbɔnye le Nikopoli, elabena afi mae meɖo be manɔ le vuvɔŋɔli la. 13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui adi nu siwo katã Zena, ame si nya Se la nyuie, kple Apolo hiã la na wo ale be naneke nagahiã wo le woƒe mɔzɔzɔa me o.+ 14 Ke na míaƒe amewo hã nasrɔ̃ ale si woanɔ dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi, ale be woate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ,+ ne woagazu ame matsekuwo o.+ 15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na wò. Do gbe na ame siwo katã lɔ̃ mí le xɔse la me nam. Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi katã.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"woaɖo to wo abe dziɖulawo ene.\"\n^ Alo, \"Ne ègbe nya na.\"\n^ Alo, \"nufiafia bubu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/tito\/3\/","date":"2023-03-29T18:04:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949009.11\/warc\/CC-MAIN-20230329151629-20230329181629-00575.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982723594,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982723593711853}","num_words":411,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?\nYesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be Fiaɖuƒea nava. Enya be Mawu medi be nu gbegblẽ siawo nanɔ dzɔdzɔm le anyigba dzi o, eye enyae be Mawu Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si ate ŋu ava ɖɔ kuxi siawo ɖo. Nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ?\nNU SI MAWU FIAÐUƑEA WƆ XOXO\nLe nyati si do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso dzesi si Yesu na la ŋu. Dzesi ma nye kpeɖodzi siwo na míenya ɣeyiɣi si me woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo eye be Yesu Kristoe nye eƒe Fia.\nBiblia gblɔ be ne Yesu dze dziɖuɖu gɔme la, anya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. Eye fifia anyigba la dzi koe woakpɔ ŋusẽ ɖo, eye esia nye susu aɖe si tae nuwo gblẽ ɖe edzi tso ƒe 1914 me.— Nyaɖeɖefia 12:7, 9.\nTogbɔ be xexea ƒe nɔnɔme le fievo dom ɖe edzi hã la, Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la wɔ nu siwo ɖe vi na anyigbadzinɔlawo katã. Esi wole Biblia fiam amewo le xexea me godoo abe ale si Yesu gblɔe ene ta la, ame geɖe srɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe agbe me gbe sia gbe. (Yesaya 2:2-4) Ame miliɔn geɖe srɔ̃ ale si woada asɔ le dɔwɔnyawo me, ana woƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, eye woase vivi na nu siwo le wo si evɔ womazu kluvi na nu mawo o. Ame siawo le nu siwo aɖe vi na wo la srɔ̃m, eye wova le ame siwo tɔgbi adze anye Mawu Fiaɖuƒe teviwo la zum.\nNU KAE MAWU FIAUƑEA AGAWƆ KPLƆE ÐO?\nTogbɔ be Yesu le dzi ɖum fifia le dziƒo hã la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo gakpɔtɔ le dzi ɖum le anyigba dzi. Ke hã, Mawu gblɔ na Yesu be: \"Yi ɖaɖu dzi le wò futɔwo titina.\" (Psalmo 110:2) Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo katã, eye wòahe gbɔdzɔe vɛ na ame siwo lɔ̃ be yewoaɖo to Mawu.\nƔemaɣi la, Mawu Fiaɖuƒea aɖe afɔ siawo\n-\nAbu mo na alakpasubɔsubɔ. Woatsrɔ̃ subɔsubɔha siwo fiaa alakpanyawo tso Mawu ŋu eye wona agbea sesẽ na amewo la ɖa. Biblia ɖɔ alakpasubɔsubɔ be enye gbolo. Eƒe tsɔtsrɔ̃ la awɔ moyaa na ame geɖe.—Nyaɖeɖefia 17:15, 16.\n-\nAtsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo. Mawu Fiaɖuƒea 'ahe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã va nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 19:15, 17, 18.\n-\nAɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa. Ke ame siwo ɖoe be vɔ̃wɔwɔ dzi ko yewoanɔ ɣesiaɣi eye wogbe be yewomaɖo to Mawu o ya ɖe? Biblia gblɔ be: \"Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.\"—Lododowo 2:22.\n-\nAɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo 'magate ŋu aflu dukɔwo azɔ o.'—Nyaɖeɖefia 20:3, 10.\nVi kae nu siawo katã aɖe na ame siwo le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi?\nNU SI MAWU FIAÐUƑEA AWƆ NA AMEGBETƆWO\nYesu si le Fia ɖum le dziƒo la, awɔ nu si de ŋgɔ boo wu nu si amegbetɔ dziɖula ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ. Ame 144,000 siwo wotia tso amegbetɔwo dome la, akpe ɖe eŋu. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3) Akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ na ame siwo le anyigba dzi?\n-\nAɖe dɔléle kple ku ɖa. \"Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, 'Mele dɔ lém' o,\" eye \"ku maganɔ anyi akpɔ o.\"—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4.\n-\nAhe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ. \"Viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ,\" eye \"wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.\"—Yesaya 54:13; Mika 4:4.\n-\nAmewo awɔ dɔ si me dzidzeme le. \"Nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe. Womadze agbagba dzodzro o.\"—Yesaya 65:22, 23.\n-\nAɖɔ nu siwo gblẽ le anyigba ŋu la ɖo. \"Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.\"—Yesaya 35:1.\n-\nAfia nu si wòle be amewo nawɔ be woakpɔ agbe mavɔ la wo. \"Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.\"—Yohanes 17:3.\nMawu di be nàse vivi na yayra siawo. (Yesaya 48:18) Nyati si kplɔ esia ɖo aƒo nu tso nu si nàwɔ fifia be nàkpɔ yayra wɔnuku siawo le etsɔme la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2020-may-jun\/nu-kae-mawu-fia%C9%96u%C6%92ea-aw%C9%94\/","date":"2023-03-20T19:38:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296943555.25\/warc\/CC-MAIN-20230320175948-20230320205948-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983922243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983922243118286}","num_words":671,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"My shopping cart\nYour cart is currently empty.Continue Shopping\nSalad sia nye nuɖuɖu vevitɔ si hea teƒe siwo katã wotɔ ɖo la doa goe. Lãmetsi siwo me nunyiame le, koklolã si woɖa vivi, kple feta cheese si me wodea amii, si wotsɔ aŋgba dama yeyewo kple tomatos siwo wotsɔ ŋdɔ ƒu gbe kpe ɖe eŋu. Nuɖuɖu ɖeka sia naa nunyiame, eƒe nunyiame da sɔ eye wòvivina tɔn geɖe. Nu nyuitɔ kekeakee nye be, enyo ŋutɔ be wowɔe le agbɔsɔsɔ gã me elabena edzraa ga ɖo nyuie – le nyateƒe me la, viviawo nyona ɖe edzi le zã ɖeka me. Ewɔe be wòanye fiẽnuɖuɖu gã aɖe, kple ŋdɔnuɖuɖu si naa lãmesẽ si nyo wu gɔ̃ hã.\nProtein (wò gbesiagbe nuhiahiãwo ƒe akpa etɔ̃lia le kplu ɖeka me!) yɔa lãmi me fũu, nuɖuɖu me fibre kple nunyiame vevi bubuwo sɔ gbɔ ɖe eme, vevietɔ vitamin B. Esi wònye ƒomevi siwo wu wuieve ta la, vivia ate ŋu atso nukuwo dzi va ɖo atadi dzi va ɖo lã alo umami ƒe viviwo dzi. Wole amadede vovovowo me eye woƒe nɔnɔmewo le vovovo ne woɖa wo, woate ŋu ana nuɖuɖuvivinu aɖe nalo alo atsɔ dzidzɔ si le ʋeʋẽm akpe ɖe salad alo tɔmelã nuɖuɖu ŋu. Woate ŋu ami lãgbalẽgolo gɔ̃ hã ɖe fesre nu be wòawɔ sandwich alo salad si le ƒuƒuie si me aŋgbawo le.\nLentils nye nuɖuɖu vevi aɖe le nuɖaƒe elabena woateŋu adzrae ɖo ƒe eve alo etɔ̃, mehiã be woatsɔe ade tsii o eye woaɖa le ɣeyiɣi si mede miniti 30 o me. Wonye nunyiame nyui dzɔtsoƒe si ŋu woate ŋu aƒle.\nLe koklozi gome la:\n1\/2 cp amititsetse ƒe tsidzadza\n1 lime, zest kple detsiƒonu\n1 Tbp amititsetse ƒe ami\n2 cloves galik, si wofli\n2 lbs koklozi ƒe ata, ƒu mele o, ŋutigbalẽ mele o\nLe lãgbalẽgoloawo gome la:\n1 1⁄2 lbs lãgbalẽ dama, si woƒu\n2 bay aŋgbawo\n1 clove galik, gã\nTuscan kale ƒe hatsotso 1⁄2, .\nTomatos 6 siwo wotsɔ ŋdɔ ƒu, si woɖe tsi, si wofli, kple amia ƒe Tbps 3 si wodzra ɖo\n4 Tbp parsley yeye si ƒe aŋgba le gbadzaa, si wofli\n1 Tbp wein dzĩ ƒe vinegar\n1⁄4 lbs feta cheese, si wogbã alo wotsɔ ƒo ƒui, kple 1 Tbp si woɖo ɖe vovo hena atsyɔ̃ɖoɖo\nTsɔ lime ƒe ʋeʋẽ kple detsiƒonu, galik, amititsetse ƒe tsitsetse, kple amititsetse ƒe ami ƒo ƒu ɖe agba gã aɖe me eye nàƒoe be wòaƒo ƒu. Tsɔ ʋuʋudedi eve ƒo koklozi ƒe ata, emegbe nàtsɔe akpe ɖe marinade ŋu eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe marinade me. Kpɔ eta eye nàtsɔe aɖo ɖe vovo le fridzi me be wòaƒu. Tsɔe ƒu gbe ɣeaɖewoɣi.\nDo dzo ɖe dzodoƒea va ɖo 425.\nLe ze gã aɖe me la, na tsi kplu 6 naƒo eye emegbe nàtsɔ lãgbalẽ ƒuƒu, bay aŋgbawo kple galik blibo la akpe ɖe eŋu. Trɔe ɖe dzo si sɔ dzi, emegbe nàɖe dzoa dzi akpɔtɔ eye nàna wòaƒo, eye nàɖae matsyɔ nu vaseɖe esime lãmiawo nafa vaseɖe esime nàɖui, anɔ abe miniti 30 va ɖo 40 ene. Miɖa lãmi abe pasta ene, doe kpɔ edziedzi, be nàka ɖe edzi be womeɖae wògbɔ eme o. Ne lãmiawo dometɔ aɖe le gbagbãm la – lãmiawo ɖa eye ele be woaɖee ɖa le dzoa dzi. Ne èɖae vɔ la, ɖe tsi le lãmiawo me nyuie eye nàtsɔe aɖo ɖe vovo.\nEsi lãmiawo le ɖam la, ɖe kale aŋgbawo le woƒe kewo ŋu. Tsɔ keawo ƒu gbe (woate ŋu adzra esiawo ɖo ɖe nufamɔ̃ me hena stock alo smoothies) eye nàda aŋgbaawo ɖe vovo le ƒuƒoƒo gã la me. Ne wonya ɖe aŋgbawo katã ɖa heƒo wo nu ƒu ko la, ƒo aŋgbaawo nu ƒu wòazu tsilindo si me kɔ. Eye nàtsoe ɖe atitsoga nu be wòawɔ lãgbalẽ tsɛ siwo sɔ. Lã asike didi ŋutɔ ɖesiaɖe ɖe afã me eye emegbe nàtsɔ lãgbalẽawo ade agba gã aɖe me. Tsɔ dze sue aɖe ƒoe eye nàtsɔe asisi vaseɖe esime kale nase le eɖokui me be yeƒe lãme fa. Tsɔe da ɖe vovo.\nLe agba gã aɖe me la, wɔ salad dressing la to dze teaspoon 1⁄2, tomatos siwo wofli le ŋdɔ me kple tomatosmi si wodzra ɖo ɖi si wofa le ŋdɔ me, galik si wofli, parsley kple vinegar si wofli aɖabaƒoƒo 3 tsɔtsɔ tsaka me. Tsɔe ƒoe be wòaƒo ƒu.\nTsɔ koklolã si woɖa la de nuɖaze me eye nàtsɔe ade dzodoƒea. Tsɔe ɖa abe miniti 20 ene alo vaseɖe esime dzoxɔxɔdzidzenu naxlẽ be dzoxɔxɔ si nye 165°F. Tsɔe da ɖe vovo be wòafa aɖabaƒoƒo 5. Eye emegbe nàtsoe ɖe kakɛ siwo ƒe didime nye inch 2 me.\nNe tsi le lãgbalẽgoloawo me vɔ la, tsɔe de agba gã la me, tsɔ kpe ɖe kale siwo wotsɔ lãmi wɔe kple nusi wotsɔ ƒoe ŋu eye nàtsɔe aƒu gbe be woaƒo ƒu. Tsɔ feta cheese, koklolã si wofli la ɖo edzi eye nàtsɔ parsley agbɔsɔsɔme 1 bubu aɖo atsyɔ̃ nɛ. Subɔe le xɔme ƒe dzoxɔxɔ nu.\nSubɔa ame 6-8.\nCalorie 420 ye le eme\nProtein 37 g\nAmi bliboa 18 g\nAmi si me ami ʋeʋĩ le 4.5 g\nLãmetsiŋusẽ 135 mg\nCarbs 28 g\nFibre 7 g\nSukliwo katã 3 g\nSukli siwo wotsɔ kpe ɖe eŋu 0 g\nSodium 320 mg\nNyatakaka siawo nye hehenana ta ko eye womeɖoe be woatsɔ axɔ ɖe atikewɔwɔ me dɔlélewo didi alo wo dada teƒe o. Mele be nàzã nyatakaka siawo atsɔ adi lãmesẽkuxi alo nɔnɔme aɖe alo adae o. Kpɔ wò ɖɔkta gbɔ ɣesiaɣi hafi nàtrɔ wò nuɖuɖu, atrɔ wò alɔ̃dɔdɔ, ano atike siwo kpena ɖe ŋuwò, alo adze kamedede ƒe ɖoɖo yeye aɖe gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/blogs\/news\/healthy-recipe-sun-baked-tomato-lentil-and-tuscan-kale-salad-with-roast-chicken","date":"2023-05-29T17:37:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644907.31\/warc\/CC-MAIN-20230529173312-20230529203312-00091.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990845919,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990845918655396}","num_words":884,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le nu gbogbo siwo le ƒuƒoƒo me ƒe agbɔsɔsɔme ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nX - heap ƒe kekeme\nY - Didime\nH - Kᴐkᴐme\nAkɔntabubu le ke, kpe si wogbã alo kpe gbadzɛ siwo le ƒuƒoƒo gã aɖe me ƒe lolome ŋu.\nKuku aɖe ƒe anyigba ƒe lolome nyanya.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/volume_gravel\/","date":"2023-06-06T18:51:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224653071.58\/warc\/CC-MAIN-20230606182640-20230606212640-00429.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997418523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997418522834778}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.106,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.288,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"6 Meɖe kuku, mise nya si gblɔm Yehowa le. Tso, nàtsɔ wò nya va towo gbɔ,Eye na togbɛwo nase wò gbe.+ 2 Mi towo, mise Yehowa ƒe ʋɔnunya,Mi anyigba ƒe agunuwo hã misee,+Elabena nya le Yehowa kple eƒe dukɔ la dome;Israel ye wòle nya he ge kplii:+ 3 \"Nye dukɔ, nu kae mewɔ wò? Eye fu kae meɖe na wò?+ Ðo eŋu nam. 4 Elabena mekplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi,+Meɖe wò tso kluviƒe me;+Medɔ Mose, Aron kple Miriam wodze ŋgɔwò.+ 5 Oo nye dukɔ, meɖe kuku ɖo ŋku nu si Moab-fia Balak ɖo be yeawɔ,+Kple ale si Bileam, Beor vi, ɖo eŋu nɛ la dzi+—Ðo ŋku nu siwo dzɔ tso Sitim+ va se ɖe Gilgal+—Ale be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.\" 6 Nu kae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋkume, Ava de ta agu na Mawu dziƒoʋĩtɔ la? Ðe matsɔ numevɔsa blibowoKple nyivi siwo xɔ ƒe ɖeka la ɖe asi ado ɖe eŋkumea?+ 7 Ðe agbo akpewoKple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua?+ Ðe matsɔ nye ŋgɔgbeviŋutsu ana ɖe nye dzidadawo taKple nye dɔmevi ana ɖe nye nu vɔ̃ taa?*+ 8 Oo amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Eye nu ka dim Yehowa le tso asiwò? Eya koe nye be nàwɔ nu dzɔdzɔe,*+ nàlɔ̃ nu si le eteƒe la wɔwɔ,*+Eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi+ ahazɔ kple wò Mawu!+ 9 Yehowa le du la yɔm;Ame si si nunya vavãtɔ le la avɔ̃ wò ŋkɔ. Miɖo to ameƒoti la kple ame si dɔe la.+ 10 Ðe kesinɔnu madzɔmadzɔKple efa* nudzidzenu si mede o, si nyɔ ŋu gale ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe me kokokoa? 11 Ðe ŋunye akɔ* ne nudanu amebatɔKple nudakpe ameflutɔ le nye akplo mea?+ 12 Elabena ŋutasesẽ yɔ eƒe kesinɔtɔwo fũu,Eye dua me nɔlawo kaa aʋatso;+Alakpaɖe le nu me na wo.+ 13 \"Eya ta maƒo wò ade abi ŋuwò,+Eye mana nàzu aƒedo le wò nu vɔ̃wo ta. 14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o;Wò dɔme aɖi gbɔlo.+ Àlɔ nuwo adzra ɖo, ke màte ŋu akpɔ wo ta woanɔ dedie o,Eye nu si nètsɔ dzoe la, matsɔe ade asi na yi. 15 Àƒã nu, ke màŋe nu o. Àɖa ami, ke màkpɔ ami azã o;Eye àfiã wain hã, ke makpɔ wain ano o.+ 16 Elabena miewɔa Omri ƒe ɖoɖowo dzi eye miewɔa Ahab+ ƒe aƒe ƒe nuwɔnawo katã,Eye miezɔna ɖe woƒe adaŋudedewo nu. Esia ta mana nàzu ŋɔdzinu,Woalia aku ɖe dua me tɔwo ŋu;+Eye dukɔwo ƒe vlodoame anɔ dziwò.\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ana ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ taa?\"\n^ Alo, \"nànyo dɔme alɔ̃ ame tso dzi me.\" Egɔmeɖeɖe tẽe, \"nàlɔ̃ lɔlɔ̃ vavã.\"\n^ Alo, \"nàwɔ nu si sɔ.\"\n^ Alo, \"Ðe magbe fɔɖiɖi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/mika\/6\/","date":"2023-09-28T13:58:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510412.43\/warc\/CC-MAIN-20230928130936-20230928160936-00782.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976103902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976103901863098}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Édouard Daladier (18 June 1884 - 10 October 1970) nye dunyahela, amesi nye France ƒe Dukplɔlagã le Xexemeʋa Evelia ƒe gɔmedzedze. Enye dunyahela siwo le France siwo dze agbagba be yewoatɔ te aʋaa eye wode asi Munich Nubabla te le takpekpe aɖe me le ƒe 1938 me la dometɔ ɖeka, kpakple Britain ƒe Dukplɔlagã Neville Chamberlain, kpakple Germany kple Italy ƒe ŋutasẽdziɖulawo: Adolf Hitler kple Benito Mussolini.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/%C3%89douard_Daladier","date":"2023-09-22T17:41:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506421.14\/warc\/CC-MAIN-20230922170343-20230922200343-00834.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984455705,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984455704689026}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.311,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èɖo afɔ Ky Co ƒukpo dzi la, ƒuta si nye ke ɣi aɖe anɔ anyi si keke ɖe agakpeto kɔkɔawo te. Agakpe siwo ƒe nɔnɔme kple lolome le vovovo la keke nuwuwu manɔmee, agakpe siwo dzi kpewo le la keke yi atsiaƒua gbɔ tẽ si wɔe be nukpɔkpɔ aɖe si nye gã kple hakpanya siaa. Ne èva KỲ CO Tsaɖilawo ƒe Nutoa me la, woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò. Àte ŋu ase vivi na dzɔdzɔmenu dzeaniawo, akpɔ ɣedzeƒe le atsiaƒu dzi le ŋdi me, eye nàxɔ ɣe ƒe toɖoɖo le toa dzi le ŋdɔ me, eye nu tɔxɛ aɖe si le teƒe sia ɖeɖeko sie nye ya wɔnuku si me tomefafa le, si me fa miamiamia. si mele afi aɖeke o. Va Bai Ky Co Quy Nhon afisia ana seselelãme dodzidzɔname aɖe nasu asiwò godoo kple dzɔdzɔme tugbedzedze. Teƒe sia nye tiatia gã aɖe ŋutɔŋutɔ be nàkpɔ dzɔdzɔmenuwo kple ƒome bliboa – teƒe abe Vietnam ƒe Maldives ene. Yame ƒe nɔnɔme fa miamiamia le Quy Nhon, eyata àte ŋu ava afisia le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, gake be wòanɔ bɔbɔe wu la, ele be nàyi tso February vaseɖe August. Le ɣeyiɣi sia me la, yame fa miamiamia, Tsidzadza ʋɛ aɖewo koe nɔa bɔbɔe na mɔzɔzɔ kple tsaɖiɖi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/triphun.com\/post\/ky-co-nye-%C6%92uta-le-nhon-ly-k%C9%94%C6%92enutome-quy-nhon-duga-binh-dinh-me-ewe\/2464","date":"2023-09-23T05:20:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506479.32\/warc\/CC-MAIN-20230923030601-20230923060601-00292.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989896417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989896416664124}","num_words":207,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"nufiame si ku ɖe akɔntabubu le nusiwo woatsɔ awɔ kɔnkrit ŋu\nGblɔ agbɔsɔsɔme si hiã.\nE - Kɔkrit agbɔsɔsɔme si wobia. Wogblɔe le kubik mita me.\nM - Siminti kotoku nenie hiã le kɔkrit kubik mita 1 ɖeka me.\nK - Siminti kotoku ɖeka ƒe kpekpeme. Le kilogram me.\nGblɔ ga si woatsɔ aƒle nuwo le miaƒe nutoa me.\nÐo ŋku edzi nàgbugbɔ akɔ akɔnta le nu gbogbowo ƒe asiwo ŋu be woaxee ɖe woƒe kpekpeme nu, ke menye le woƒe lolome nu o.\nWotsɔ siminti, ke kple kpe ŋeŋe ƒe agbɔsɔsɔme kple zazã hena kɔnkrit kubi ɖeka dzadzraɖo na le gɔmedzedzea me be woatsɔ akpɔe, abe alesi simintiwɔlawo kafui ene.\nNenema ke siminti, ke, kpe xɔasiwo ƒe asiwo ate ŋu ato vovo ŋutɔ le nuto vovovowo me.\nNusiwo le kɔkrit si wotsaka vɔ megbe la nɔ te ɖe eƒe lolome dzi (akpa vovovowo) kpe alo kpe gbadzɛ si wogbã, siminti ƒe dzesi, eƒe yeyenyenye. Wonya be ne siminti dzra ɖo ɣeyiɣi didi la, eƒe nɔnɔmewo meganɔa eŋu o, eye ne yame fa miamiamia la, siminti ƒe nyonyome gblẽna kabakaba. Taflatse mide dzesii be ɖewohĩ siminti si le kotokuwo me ma kpekpeme kilogram 50 kura o, elabena woŋlɔe ɖe edzi. Ka ɖe edzi gake ɖo kpe edzi. Siminti agbɔsɔsɔme si nèkɔ ɖe eme la nyo wu be nàlé ŋku ɖe eŋu.\nTaflatse mide dzesii be woɖe ga si woatsɔ awɔ ke kple kpe gbadzɛwoe fia le ɖoɖowɔɖia me na tɔn 1. Nudzralawo hã ɖea gbeƒã ga si woaxe ɖe ke alo kpe si wogbã alo kpe gbadzɛwo ƒe kubik-meta ɖeka ta.\nKe ƒe nuheŋusẽ koŋ nɔ te ɖe eƒe dzɔtsoƒe dzi, le kpɔɖeŋu me, tɔsisi me ke kpekpe wu kpekuƒe ƒe ke.\nKe kubik mita 1 ƒe kpekpeme nye kilogram 1200-1700, le mama dedie nu - kilogram 1500.\nKpe gbadzɛwo kple glikpowo. Le nyatakakatsoƒe vovovowo ƒe nya nu la, kubik mita 1 ƒe kpekpeme tso kilogram 1200 va ɖo 2500, le eƒe akpa suea nu (lolomewo). Heavier - sue wu.\nEyata ahiã be wò ŋutɔ nàgbugbɔ akɔ akɔnta le ga si woatsɔ aƒle ke kple kpe tɔn ɖeka ŋu. Alo nàbia nudzralawo.\nGake akɔntabubua akpe ɖe ŋuwò kokoko be nànya ga si woazã le xɔtunuwo ŋu le kɔnkrit agbɔsɔsɔme si nèhiã la dzadzraɖo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/beton\/","date":"2023-09-24T17:00:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506658.2\/warc\/CC-MAIN-20230924155422-20230924185422-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990819693,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990819692611694}","num_words":360,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! March 8, 2004 Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua? Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom? Nukliaʋa—Woate Ŋu Aƒo Asa Nɛa? \"Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee\" Lãwo—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ Amegbɔlãwo—Wo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò Lãwo—Se Vivi le Anyinɔnɔ Kpli Wo me Tegbee Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu? Eƒe Agbetsitsi Wɔa Nuku Tsaɖiɖi Yi Afisi Tsitsetse Dzeaniwo Le Xɔse ƒe Dodokpɔ Aɖe Ðe Ahatsunono Nye Nu Gbegblẽ Vavãa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040308\/","date":"2023-09-26T07:17:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510149.21\/warc\/CC-MAIN-20230926043538-20230926073538-00802.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983510971,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983510971069336}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ati atrakpui si ŋu ka le ƒe didimewo ƒe akɔntabubu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nX\n- atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe didime\nY\n- Atrakpui ƒe kɔkɔme\nZ\n- Atrakpui ƒe kekeme\nC\n- Afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme\nW\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nT\n- Stringer ƒe titrime\nH\n- Fia tsitretsiɖeŋulawo\nLR\n- afisi atrakpuiawo ɖo\nSP\n- afisi afɔɖeɖe gbãtɔa le ne wotsɔe sɔ kple dzisasrã evelia ƒe anyigba ƒe dzidzeme\nÐoɖowɔɖi ƒe ŋutetewo.\nAkɔntabubu le ati ƒe atrakpui si le ka dzi ƒe nɔnɔme si sɔ ŋu.\nNusiwo woatsɔ awɔ dɔe ƒe agbɔsɔsɔ si hiã la nyanya.\nAkpaawo katã ƒe didime tututu.\nAtrakpuiawo ƒe akpa vovovoawo katã ƒe nɔnɔmetatawo kple nɔnɔmetatawo tsitotsito.\nKafukafunyawo na atrakpuiawo ƒe nyonyo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica_k\/","date":"2023-09-23T12:16:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00874.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9999701977,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9999701976776123}","num_words":116,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ku ɖe Nutalawo ŋu\nLe Commerce 360 la míetsɔ dada le míaƒe ƒuƒoƒo bliboa 360, ŋutega ŋu. Ŋutega ma ƒe akpa vevi aɖee nye be woadi aɖaŋudɔwɔla siwo tso xexeame ƒe akpa vovovowo, siwo bi ɖe asinudɔwɔwɔ siwo tso woƒe dukɔa me la me. Di míaƒe nutalawo ƒe ŋutinyawo le afisia!\nAntoinette Afi Dossou ƒe agbalẽ\nNye ŋkɔe nye Antoinette Afi Dossou eye nyee nye tsitsitɔ le ƒome si me vi enyi (8) le me. Wodzim le October 31, 1997 dzi le Vogan, si nye du aɖe si le Lomé si nye Togo ƒe Fiadu ƒe Dzieheɣedzeƒe gome. Dzinyelawo ʋu yi Agnronkope, si nye Vogan ƒe gbɔtodu aɖe me, le nye dzidzi megbe. Afimae medze suku gɔme le le gɔmedzesuku aɖe si woyɔna be Public Elementary School of Agovi me vaseɖe esime mewu suku nu. Emegbe meʋu yi ɖade titinasuku elabena int he nuto ɖeka meli si míenɔ o. Mede suku sia vaseɖe klass ewolia (le Togo la, klass 6 ye le gɔmedzesuku eye 4 le titinasuku) gake nyemete ŋu wɔ dukɔa ƒe dodokpɔ si me wodoa sukua le o le kuxi siwo me tom sukua nɔ ta, si na wotu eƒe nuwuwu tegbee hafi sukua wu enu ƒe.\nEyata eva hiã be mayi titinasuku bubu aɖe hafi awu 10 lia nu ɖoƒe. Nublanuitɔe la, medo kpo dodokpɔ si wowɔ be mado le sukua me o eye meɖoe be maɖe asi le sukudede ŋu. Esi menɔ aƒeme ƒe ɖeka megbe la, meʋu yi Lomé be makpɔ dɔ kple susu be madzra ga vi aɖe ɖo hena dɔsrɔ̃ƒe. Esi meva ɖo fiadu me la, nyruiyɔvi aɖe (fofonye nɔvinyɔnu) xɔm. Emegbe mexɔ dɔ ʋɛ aɖewo le asi me eye medzra ga si sɔ gbɔ na dɔsrɔ̃ƒea. Nye mɔzɔzɔ abe avɔlɔ̃la ene dze egɔme tso afima. Le dɔsrɔ̃ƒe ƒe etɔ̃ megbe la, mexɔ nye ɖaseɖigbalẽ eye meʋu nye ŋutɔ nye fiase.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/commerce360.trade\/ee\/pages\/about-the-artists","date":"2023-11-30T05:18:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.87\/warc\/CC-MAIN-20231130031610-20231130061610-00453.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995748401,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995748400688171}","num_words":300,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.303,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAo, womeɖo ɣeyiɣi si míaku la ɖi o. Biblia meda asi ɖe dzɔgbese alo nu ɖoɖiname ƒe nufiafia dzi o, nu si wòfia boŋue nye be zi geɖe la, \"nuɖi��eame\" gbɔe míaƒe ku tsona.—Nyagblɔla 9:11.\nÐe Biblia megblɔ be \"kuɣi li\" oa?\nƐ̃, Nyagblɔla 3:2 gblɔ be \"Vidziɣi li, eye kuɣi li; nuƒãɣi li, eye nuŋeɣi li.\" Ke hã nya siwo ƒo xlã nya siawo ɖee fia be ale si agbemenuwɔnawo yia edzi ɖaa ŋutie Biblia le nu ƒom tsoe. (Nyagblɔla 3:1-8) Abe ale si ko Mawu mezia agbledela aɖeke dzi be wòaƒã nu le ɣeyiɣi aɖe koŋ me o la, nenema kee Mawu meɖo ɣeyiɣi si míaku la ɖi na mí o. Ke boŋ nya la ƒe veviƒee nye be míaƒo asa na dzitsitsi ɖe xexemenuwo alo ŋutilãmenuwo ŋu ale be míagagblẽ mía Wɔla la ɖi o.—Nyagblɔla 3:11; 12:1, 13.\nMíate ŋu anɔ agbe didi\nTogbɔ be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbemenudzɔdzɔwo dzi o hã la, míaƒe nyametsotso nyuiwo ate ŋu awɔe be míanɔ agbe didi. Biblia gblɔ be: \"Nunyala ƒe nufiafia la, agbevudo wònye, eɖea ame tso ku ƒe mɔ̃tetrewo me.\" (Lododowo 13:14) Nenema ke Mose hã gblɔ na Israel-viwo be woate ŋu anɔ \"agbe didi\" nenye be wowɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi. (5 Mose 6:2) Gake míate ŋu atso míaƒe agbe dzi nenye be míenɔa agbe baɖa alo wɔa bometsinuwo.—Nyagblɔla 7:17.\nKe hã, aleke ke míeɖadze nunya alo ɖɔ ŋu ɖo le agbe mee o, mímate ŋu asi le ku nu o. (Romatɔwo 5:12) Gake manɔ alea ɖaa o, elabe Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime \"ku maganɔ anyi akpɔ o\"—Nyaɖeɖefia 21:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/%C9%A3eyi%C9%A3i-si-m%C3%ADaku\/","date":"2023-12-10T20:29:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102637.84\/warc\/CC-MAIN-20231210190744-20231210220744-00379.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987333417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987333416938782}","num_words":262,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Barzilai—Ŋutsu Si Nya Eƒe Ŋutetewo\n'NU KA ŋuti manye agba na wò?' Barzilai alo Barsilai amegãɖeɖi aɖe si xɔ ƒe 80 ye gblɔ nya sia na Israel Fia Dawid. Biblia gblɔ be \"alɔme le esi ŋutɔ.\" (Samuel II, 19:33, 36) Barzilai nɔ Gilead du si nye tonuto aɖe si nɔ Yordan Tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome la me.—Samuel II, 17:27; 19:32.\nNudzɔdzɔ ka mee Barzilai gblɔ nya ma na Dawid le? Eye nu ka tae ame tsitsi ma ƒo nu nenema ɖo?\nAglãdzedze Ðe Fia La Ŋu\nDawid ɖo afɔku me. Viaŋutsu Absalom xɔ fiazikpuia le esi sesẽe esi 'wòfi Israel ŋutsuwo ƒe dzi' vɔ megbe. Edze kɔte be Absalom makpɔ nublanui na ame sia ame si awɔ nuteƒe na fofoa o. Eya ŋuti Dawid kple eƒe dɔlawo ʋu dzo le Yerusalem. (Samuel II, 15:6, 13, 14) Esi Dawid va ɖo Maxanaim, nuto aɖe si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la, Barzilai na kpekpeɖeŋu aɖewoe.\nBarzilai kple ŋutsu eve aɖewo tsɔ dɔmenyonunana aɖewo yi ɖana Dawid. Nuteƒewɔla etɔ̃ siawo ɖee fia be yewose nɔnɔme sesẽ si me Dawid kple eƒe amewo nɔ la gɔme, esime wogblɔ be: \"Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi.\" Barzilai, Sobi, kple Maxir tsɔ abawo, lu kple ƒo, wɔ kple bli tɔtɔe, gbagbayi, atiyi, anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo, kple nuhiahiã bubuwo yi Samuel II, 17:27-29.ɖana Dawid kple ameha si nɔ eŋu, be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiãwo gbɔe.—\nAfɔku le kpekpe ɖe Dawid ŋu me. Edze kɔte be Absalom magbe tohehe na ame sia ame si akpe ɖe fia si dze la ŋu o. Eya ta dzi nɔ Barzilai ƒo ŋutɔ be wòte ŋu wɔ nuteƒe na Dawid.\nNɔnɔmea Trɔ\nLe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Absalom ƒe asrafo dzeaglãwo yi ɖakpe aʋa kple Dawid ƒe amewo. Wokpe aʋaa le Efrayim ve aɖe si ɖewohĩ enɔ Maxanaim nutowo me la me. Woɖu Absalom ƒe aʋakɔa dzi, eye ame gbogbo aɖe 'tsi aʋa le afi ma gbe ma gbe.' Togbɔ be Absalom dze agbagba si hã la, wowui emegbe kpuie.—Samuel II, 18:7-15.\nDawid gazu Israel fia si ŋu ame aɖeke metsi tsitre ɖo o. Eyomedzelawo maganye sisilawo azɔ o. Gawu la, woƒe nuteƒewɔwɔ na Dawid wɔe be edea bubu wo ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu ŋutɔ.\nEsime ɣeyiɣi de be Dawid natrɔ ayi Yerusalem la, 'Gileadtɔ Barsilai hã tso Roglim va, eye eya kple fia wotso Yordan, be yeakplɔe aɖo ɖe Yordan godo.' Le nudzɔdzɔ ma me la, Dawid gblɔ na amegãɖeɖi Barzilai bena: \"Yi kplim, eye nanɔ gbɔnye, makpɔ dziwò le Yerusalem!\"—Samuel II, 19:16, 32, 34.\nÐikeke mele eme o be, Dawid kpɔ ŋudzedze ɖe Barzilai ƒe kpekpeɖeŋua ŋu ŋutɔ. Mate ŋu anye be ɖe fia la di be yeaɖo eƒe domenyonuwɔwɔa teƒe nɛ to ŋutilãmenuwo nanɛ me ko o. Kesinɔtɔ Barzilai mehiã kpekpeɖeŋu ma o. Ðewohĩ Dawid di be amegãɖeɖi sia nava nɔ ye gbɔ le nɔnɔme nyoameŋu siwo nɔ esi ta. Anye bubu gã aɖe na Barzilai be wòanɔ fia ƒe me, si ana mɔnukpɔkpɔe be wòayi edzi ade ha kple fia la.\nÐokuibɔbɔ Kple Ame Ŋutɔ Ƒe Ŋutete Nyanya\nBarzilai gblɔ le Fia Dawid ƒe amekpekpea ŋu be: \"Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la? Ƒe blanyi mexɔ egbe siawo. Ðe mate ŋu ade vovo nu nyui kple nu manyomanyo domea? Ðe nusi wò dɔla ɖuna, eye wònona la, gavivia enua? Alo ɖe maganɔ hadzilaŋutsuwo kpe hadzilanyɔnuwo ƒe gbe sema?\" (Samuel II, 19:35, 36) Aleae Barzilai gbe amekpekpe kple mɔnukpɔkpɔ nyui sia bubudeameŋutɔe. Gake nu ka tae?\nÐewohĩ susu siwo tae Barzilai tso nya me alea dometɔ ɖekae nye eƒe tsitsi kple tsitsimekuxiwo. Barzilai anya se le eɖokui me be yemaganɔ agbe wòadidi o. (Psalmo 90:10) Ewɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe Dawid ŋu, ke hã enya be tsitsimekuxiwo le ye ŋu. Barzilai meɖe mɔ nɔƒe gã didi kple ŋkɔxɔxɔ na wòdo kpo eƒe ŋutetewo ŋu bubu nyuie o. To vovo na Absalom nɔƒe gã dila la, Barzilai ɖe ɖokuibɔbɔ fia nunyatɔe.—Lododowo 11:2.\nSusu bubu si tae Barzilai tso nya me alea anya nye be medi be kuxi siwo le ye ŋu nado kplamatsɛ fia si Mawu ɖo la le eƒe dɔwo wɔwɔ me o. Barzilai bia be: \"Nukaŋuti wò dɔla anye agba na nye aƒetɔ fia?\" (Samuel II, 19:36) Togbɔ be Barzilai gakpɔtɔ nɔ Dawid ƒe akpa dzi hã la, ekpɔe be ame si metsi de ye nu o ate ŋu awɔ dɔa nyuie wu. Barzilai gblɔ be: \"Kpɔ ɖa, wò dɔla Kimham neyi kple nye aƒetɔ fia la, eye nawɔ nusi nyo ŋuwò la nɛ!\" Edze ƒã be eya ŋutɔ via ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Le esi Dawid nado dziku teƒe la, elɔ̃ ɖe eƒe susua dzi boŋ. Le nyateƒe me la, hafi Dawid natso Yordan la, 'eɖuɖɔ nu na Barsilai heyrae.'—Samuel II, 19:38-40.\nDadasɔ Hiã\nBarzilai ŋuti nuŋlɔɖia ɖe dadasɔ ƒe vevienyenye fia. Le go aɖe me la, mele be míagbe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ, alo agbe taɖodzinu mawo ɖoɖo na mía ɖokui le esi míedi be naneke nado kplamatsɛ mí le agbe me o, alo esi míesena le mía ɖokui me be míedze atsɔ agbanɔamedziwo o ta o. Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ne míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòado ŋusẽ mí ahana nunya mí.—Filipitɔwo 4:13; Yakobo 4:17; Petro I, 4:11.\nLe go bubu me la, ele be míanya míaƒe ŋutetewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ Kristotɔ aɖe le geɖe wɔm le gbɔgbɔmedɔwo me xoxo. Ede dzesii be agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ ana be yeado kpo Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedziwo abe ƒomea dzi kpɔkpɔ ene la tsɔtsɔ. Le nɔnɔme sia me la ɖe manye ɖokuibɔbɔ kple nuŋububu nyui ɖeɖe fia le egome ne egbe agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ kpee fifia oa?—Filipitɔwo 4:5; Timoteo I, 5:8.\nBarzilai ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi, eye anyo be míade ŋugble tso eŋu. Ewɔ nuteƒe, dzi nɔ eƒo, enyo dɔme, eye wòbɔbɔ eɖokui. Ƒo wo katã ta la, Barzilai ɖoe kplikpaa be yeana Mawu ƒe nuwo naxɔ ŋgɔ na ye tɔwo.—Mateo 6:33.\n[Anyigbatata si le axa 15]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nBarzilai si xɔ ƒe 80 zɔ mɔ teɖeɖiameŋu aɖe bene yeate ŋu ana kpekpeɖeŋu Dawid\nGILEAD\nRoglim\nSukot\nMaxanaim\nYordan Tɔsisi\nGilgal\nYerixo\nYerusalem\nEFRAYIM\n[Nɔnɔmetata si le axa 13]\nNu ka tae Barzilai gbe Dawid ƒe amekpekpea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070715\/Barzilai%E2%80%8B-%C5%8Autsu-Si-Nya-E%C6%92e-%C5%8Autetewo\/","date":"2023-12-10T06:54:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679101282.74\/warc\/CC-MAIN-20231210060949-20231210090949-00015.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982656837,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982656836509705}","num_words":1018,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afɔɖeɖe 2\nTsɔ Lɔlɔ̃ Tu Wò Ƒomea Ðo\nNu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ehiã be woalɔ̃ ɖeviwo, eye ne womeɖe lɔlɔ̃ fia wo o la, womete ŋu tsina nyuie o. Amegbetɔŋutinunyala M. F. Ashley Montagu gblɔ le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me be: \"Nu si ametia hiãna vevie wu hena tsitsi nyuie ye nye lɔlɔ̃; nu si nana be ame nɔa lãmesẽ nyui mee nye be woaɖe lɔlɔ̃ afiae, vevietɔ le eƒe ƒe ade gbãtɔawo me.\" Egbegbe numekulawo hã da asi ɖe Aƒetɔ Montagu ƒe nya sia dzi be: \"Nu gblẽna le ɖeviwo ŋu vevie ne womeɖe lɔlɔ̃ fia wo ale si dze o.\"\nNu si ta wòsesẽna: Agbenɔnɔ le ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia si me amewo meɖea lɔlɔ̃ fiana le o me na ƒomekadodowo me le gbegblẽm. (Timoteo II, 3:1-5) Srɔ̃tɔwo akpɔe be gakuxi kple nuteɖeamedzi siwo vihehe lɔ ɖe eme la wɔnɛ be yewoƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gadoa gã ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ne masɔmasɔ aɖewo wɔe be dzilawo mete ŋu ɖoa dze faa o la, woƒe nukpɔsusuwo ƒe vovototo le ale si woahe to na wo viwo alo le ale si woaɖo nu nyui siwo wowɔ teƒe na wo me ate ŋu ana kuxia nado gã ɖe edzi.\nEgbɔkpɔnu: Miwɔ ɖoɖo miawɔ nu aduadu abe ƒome ene edziedzi. Ehiã hã be srɔ̃tɔwo naɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi, si me woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu le. (Amos 3:3) Ne mia viwo mlɔ anyi vɔ la, miwɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ le nunya me. Migaɖe mɔ television naxɔ wo le mia si o. Miyi edzi mianɔ lɔlɔ̃ ɖem fia mia nɔewo edziedzi. (Lododowo 25:11; Hawo ƒe Ha 4:7-10) Le esi teƒe be nànɔ vodada dim le srɔ̃wòa ŋu la, di mɔnu nàkafui gbe sia gbe boŋ.—Psalmo 103:9, 10; Lododowo 31:28.\nGblɔ na viwòwo be yelɔ̃ wo. Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na dzilawo to ale si wògblɔ na Via, Yesu, tẽe be yelɔ̃e ŋutɔ me. (Mateo 3:17; 17:5) Fleck, vifofo aɖe le Austria, gblɔ be: \"Mede dzesii be ɖeviwo le abe seƒoƒo ene. Abe ale si ko seƒoƒowo trɔna ɖe ɣe ŋu hena kekeli kple dzoxɔxɔ ene la, ɖeviwo hã kpɔa mɔ be yewo dzilawo naɖe lɔlɔ̃ afia yewo atsɔ aɖo kpe edzi na yewo be yewo hã yewole vevie le ƒomea me.\"\nEɖanye dzilaɖekɛe nènye loo, alo miede eve o, miaƒe ƒomegbenɔnɔ anyo ɖe edzi ne èkpe ɖe wò ƒomea me tɔwo ŋu be wolɔ̃ Mawu heɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo.\nKe nu kae Mawu ƒe Nya la gblɔ tso dzilanyenye ƒe ŋusẽa zazã ŋu?—g8\/07.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]\n\"Lɔlɔ̃, . . . nye blibonyenye la ƒe nublanu.\"—Kolosetɔwo 3:14","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200710\/Ts%C9%94-L%C9%94l%C9%94%CC%83-Tu-W%C3%B2-%C6%91omea-%C3%90o\/","date":"2023-12-09T11:45:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100909.82\/warc\/CC-MAIN-20231209103523-20231209133523-00523.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976539016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976539015769958}","num_words":421,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie\nŊGƆYIYI siwo wowɔ le alesi alɔ̃dɔdɔ le gɔmesese ŋu la dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo wowɔ le ƒe 50 siwo va yi me. Nusiwo ŋu woke ɖo la te fli ɖe nukpɔsusu totro siwo li xoxoxo la dometɔ aɖewo me. Ðekae nye nukpɔsusu si li be esi wònye ŋutinuwo ƒe dɔwɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔ ne ame le ɖiɖim ɖe eme ta la, ɖeko alɔ̃dɔdɔ le ŋgɔ na dɔmawɔmawɔ vie ko.\nTo ɖoɖo si nu ahɔhɔ̃a wɔa dɔ ɖo ŋuti nusɔsrɔ̃ me la, dɔdada ŋuti numekulawo va kpɔe be alɔ̃dɔdɔ ma ɖe akpa vovovo kple ɖoɖo vovovowo me. Le esi teƒe be woabui be enye dɔmawɔmawɔɣi la, amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ wɔa dɔ kabakaba le alɔ̃dɔdɔ ƒe ɣeyiɣi aɖewo me. Alɔ̃dɔdɔ si hiã bena woanɔ lãmesẽ me bia be ame nadɔ alɔ̃ ato akpa siawo me zi ene alo wu nenema zã sia zã eye akpa ɖesiaɖe naxɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si sɔ.\nAlesi Alɔ̃ Wɔ Nukui\nWòlɔ̃a alɔ̃ dɔdɔ le zã me mama ɖe akpa eve koŋ me: siwo wòyɔna be Ŋkuʋaʋã Kabakaba, alo drɔ̃ekuɣi (REM), kple Ŋkumaʋamaʋã, alo drɔ̃emakuɣi (non-REM). Àte ŋu anya be ame aɖe le drɔ̃ekuɣi me ne èkpɔ eƒe ŋkuwo wole ʋaʋam kabakaba le alɔ̃ me.\nWoagate ŋu ama Ŋkumaʋamaʋã ƒe alɔ̃dɔdɔ me ɖe akpa ene me. Ne èmlɔ anyi la, akpa gbãtɔ dzea egɔme—si nye alɔ̃tsɔame alo alɔ̃meyiyivie. Le akpa sia me la, wò lãme gbɔdzɔna eye wò ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ metoa mɔ ɖeka o eye wòtsɔna kabakaba. Zã sia zã si wònya dze egɔme ko la, exɔa sɛkɛnd 30 va ɖo miniti 7. Ne èɖo akpa evelia—si nye alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ—si me nànɔ le zãa ƒe akpa 20 le alafa me me la, ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ dzina ɖe edzi. Tamesusu alo nɔnɔmetata manyatalenuwo anɔ susu me tom na wò, ke hã, èbu ɖe ɖokuiwò eye ne wò ŋkuwo ke ɖi gɔ̃ hã la, màkpɔ naneke o.\nEyome akpa etɔ̃lia kple enelia—alɔ̃meyiyi ʋĩ—kplɔnɛ ɖo. Le akpa sia, si wogayɔna be alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi la, wò susu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo si dzi ɖe edzi nu. Ɣemaɣie wòsesẽna ŋutɔ be nànyɔ, le esi wò ʋu akpa gãtɔ yina ɖe lãkusia me ta. Le ɣeyiɣi sia (si nyea zãa ƒe akpa 50 le alafa me) me la, ŋutilãa hayana hedzraa eɖokui ɖo, eye alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi mee ɖeviwo tsina le. Ele vevie be míanya be amesiame, ɖevi loo alo ame tsitsi, si medɔa alɔ̃ tsiɖii o la ase be ɖeɖi te ye ŋu, be ŋusẽ mele ye ŋu o, alo alé blanui le ŋufɔkee.\nMlɔeba la, akpaawo dometɔ ɖesiaɖe wua enu kple Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒomevi aɖe si to vovo kura. Le drɔ̃ekuɣi sia (si vana miniti 90 ɖesiaɖe lɔƒo) me la, ʋu gbogbo aɖe yia ahɔhɔ̃a me eye ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ dea sɔsɔ ge kple wò ŋunɔɣi tɔ. Gake mate ŋu aʋã o. Edze abe ame ɖokui maʋamaʋã sia ɖoa asi dziwò be mànɔ ʋaʋãm ɖe drɔ̃ewo dzi ahade abi ɖokuiwò loo ame bubuwo ŋu o ene.\nŊkuʋaʋã Kabakaba, alo drɔ̃ekuɣi, siawo didina ɖe edzi ɣesiaɣi si wodze egɔme le zã me eye edze abe ehiã vevie hena susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie ene. Abe alesi kɔmpiuta wɔa dɔe ene la, ahɔhɔ̃a tsana le eƒe afisi wòdzraa nuwo ɖo hena ɣeyiɣi kpui aɖe, nɔa nyatakaka siwo mele vevie o la ɖem ɖa henɔa nusiwo dzi wòahiã be nàgaɖo ŋkui emegbe la dzram ɖo. Wode dzesii be drɔ̃ekuɣi siwo menɔa ɖoɖo nu kura o la hea seselelãmekuxiwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, alɔ̃madɔmadɔ dɔlélawo medɔa alɔ̃ wòdea esi sɔ le mama dedie nu le drɔ̃ekuɣi o, si wɔnɛ be wotsia dzimaɖi wu alesi dze.\nEkema nukae dzɔna ne ète akpa siawo ɖokuiwò (le ɖokuiwò si loo alo dzizizitɔe), si na wòva zu alɔ̃ tsi ŋuwò? Ne míedɔa alɔ̃ gaƒoƒo ʋɛ edziedzi wu esi míehiã la, Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔɣi mamlɛ sia si didina wu eye wòhiã vevie hena ŋutenɔnɔ la ƒe akpa gã aɖe masu mía si o. Ne míaƒe alɔ̃dɔdɔ megava le ɖoɖo nu o eye wòva zu alɔ̃ kpuiwo ko dɔdɔ la, míete ŋu ɖoa alɔ̃dɔdɔ tsiɖitsiɖi si le vevie be míaƒe ŋutilã naɖɔ ɖo la me o. Amesiwo ŋu alɔ̃ tsina ɣeyiɣi didi la ƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu didina o, woŋlɔa nu kple nyawo be, womete ŋu bua tame ɖe ɖoɖo nu o, eye woƒe aɖaŋu ŋudɔwɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔna.\nNukae ƒonɛ ɖe ŋutilãa nu be wòabia alɔ̃? Edze ƒã be nu vovovowoe ƒo ƒu (gbesiagbe) wɔa ɖoɖo si nu ŋunɔnɔ kple alɔ̃dɔdɔ le. Edze abe ahɔhɔ̃ƒe dɔwɔwɔ wɔa akpa aɖe ene. Azɔ hã, ahɔhɔ̃meka vevi aɖe li si dze ƒã be ekpɔa ŋusẽ ɖe alɔ̃dɔdɔ ƒe akpawo dzi. \"Gaƒoɖokui\" sia te ɖe afisi ŋkukawo do go le ŋu. Eyata kekeli kpɔa ŋusẽ ɖe alesi alɔ̃ tsɔa mí dzi. Kekeli si nu sẽ nana nènyɔna eye viviti nana alɔ̃ tsɔa wò.\nWò lãme ƒe dzoxɔxɔ hã wɔa akpa aɖe. Ne wò lãme xɔ dzo—vevietɔ le ŋdi kple ɣetrɔ me—la, anɔ ŋu wu. Ne wò lãme ƒe dzoxɔxɔ le ɖiɖim la, alɔ̃ ate wò tsɔtsɔ. Numekulawo lɔ̃ ɖe edzi be ɖoɖo si nu ŋunɔnɔ kple alɔ̃tsɔame le la le vovovo le amesiame gome.\nAlɔ̃ Agbɔsɔsɔme Kae Hiã na Wò?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ na mí be, le mama dedie nu la, ehiã be amegbetɔwo nadɔ alɔ̃ wòade gaƒoƒo enyi zã sia zã. Gake numekukuwo hã fia be amesiame tɔ to vovo kura.\nAme ɖokui me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu ana nànya ne ɖoɖo nyui nue nèdɔa alɔ̃ ɖo loo alo be alɔ̃ tsia ŋuwò. Eŋunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be dzesi siawo fia be èdɔa alɔ̃ nyuie:\n▪ Alɔ̃ te ŋu tsɔa wò bɔbɔe si mabia be nàzã atikewo loo alo ade ɖiɖi ge ɖe eme do kpoe alo atsi dzimaɖi o.\n▪ Manyɔ le zãtiƒe kabakaba o, gake ne ènyɔ hã la, agate ŋu adɔ alɔ̃ bɔbɔe.\n▪ Ènyɔna bɔbɔe ŋdi sia ŋdi le ɣeyiɣi si tututu nèfɔna lɔƒo me eye mahiã be gaƒoɖokui naku kpẽ anyɔ wò o.\n▪ Ne ènya fɔ hedze nuwo wɔwɔ gɔme ko la, àse le ɖokuiwò me be yeƒe mo kɔ eye yele ŋu ŋkeke bliboa.\nNu Vevi Aɖewo\nKe amesiwo mete ŋu dɔa alɔ̃ ɣeaɖewoɣi o ya ɖe? Eŋunyala aɖewo do susu nyui siawo ɖa:\n1. Mègano ahasesẽ kple nusiwo dea dzo ame me abe kɔfi alo tii ene ne anyimlɔɣi le gogom o. Ame geɖe bui vodadatɔe be ahasesẽwo nono akpe ɖe yewo ŋu yewoadɔ alɔ̃. Gake numekuku siwo wowɔ le kɔdzi ɖee fia be ahasesẽ ate ŋu ade dzo lãme na wò eye wòana nàdɔ ŋu.\n2. Dzudzɔ atamanono. Numekugbalẽ aɖe de dzesii be: \"Esesẽna na atamanolawo be woayi alɔ̃me, elabena sigaret nana ame ƒe ʋu sina kabakaba, edzia dzi ƒe tsotso ɖe edzi, hedea dzo susu ƒe dɔwɔwɔ me. Atamanolawo hã nyɔna le zãtiƒe edziedzi wu, ɖewohĩ le esiŋutilãa le agbagba dzem be yeaɖe atamaa le lãme na wo ta.\"\n3. Ƒo asa na tamebubu alo kamedede fũ do ŋgɔ teti na anyimlɔɣi. Kamedede nana woɖina ɖe eme nyuie gake menye ne wowɔe teti ko hafi mlɔ anyi o. Kuxi gãwo gbɔ kpɔkpɔ alo susu zazã fũ hafi amlɔ anyi ate ŋu agblẽ ɖiɖiɖeme si hiã be woate ŋu adɔ alɔ̃ me.\n4. Kpɔ egbɔ be wò xɔdɔme me zi ɖoɖoe, eme tsyɔ eye afisi wòanya wɔ le la, eme nafa nyuie. Le toɣliɖeɖe gome la, bu numekuku vevi aɖe si wowɔ le amesiwo te ɖe yameʋudzeƒe ŋu, amesiwo gblɔ be yewomegasea yameʋuwo ŋkɔ o, ŋu kpɔ. Esime wodo woƒe alɔ̃dɔdɔ kpɔ la, woƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ lé yameʋu ɖesiaɖe si dzena alo dzona ɖi! Numekulawo ƒo eta be dodokpɔa ɖee fia be woƒe alɔ̃ nyui dɔdɔ dzi ɖe kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka le mama dedie nu wu amesiwo le teƒe siwo zi ɖoɖoe. Toxenuwo alo mɔnu bubu siwo dzi wotona ɖea toɣliɖeɖe dzi kpɔtɔna akpe ɖe wo ŋu ŋutɔ be woadɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme. Ame aɖewo kpɔe be gbeɖiɖi siwo medea dzi o (si nye gbeɖiɖi si bɔbɔ ɖe anyi, le tẽ, eye metrɔna o), abe elektrikyaƒomɔ̃ tɔ ene, te ŋu dea yewo dzi ne ehiã be yewoaɖe nutoa me toɣliwo dzi akpɔtɔ.\n5. Ðɔ ŋu ɖo le alɔ̃dɔtikewo zazã me. Kpeɖodzi siwo le dzidzim ɖe edzi li be atike geɖe siwo wonaa amewo be wòana woadɔ alɔ̃ la va zua numame, woƒe dɔwɔwɔ dzi va ɖena kpɔtɔna le wo zazã ɣeyiɣi didi aɖe megbe, eye wote ŋu gblẽa nu le ame ŋu vevie. Ne ehiã kokoko la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòle be woazã atike siawo.\nEsi wònye be nuteɖeamedzi ate ŋu ahe zãdomadɔlɔ̃e vɛ ta la, wobui be nusiwo ana ame nadɔ alɔ̃ nyuie dometɔ ɖekae nye be wòana ɣeyiɣi siwo doa ŋgɔ teti na anyimlɔɣi nanye esime ɖoɖoezizi kple dzidzɔ le. Anyo be wòaɖe susu ɖa le ŋkekea me kuxiwo dzi ahawɔ nusi me dzidzɔ le, abe nuxexlẽ ene. Viɖe ɖedzesi si ŋu ŋusẽ le hã le aɖaŋu si Biblia ɖo be: \"Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, . . . adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.\"—Filipitɔwo 4:6, 7.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]\nNukpɔsusu Totro Aɖewo Siwo Li\n1. Nunono siwo me caffeine le la nono enye nu nyuitɔ si nana wonɔa ŋu kua ʋu ɣeyiɣi didi.\nNumekukuwo doe ɖa be ʋukulawo blea wo ɖokuiwo nɔ bubum be yewo le ŋu evɔ wònye womele ŋu o hafi. Ne ele kokoko be nàku zãʋu ɣeyiɣi didi aɖe la, anyo be nàtɔ ɖe teƒe aɖewo sẽ adɔ alɔ̃ vie (tso miniti 15 va ɖo 30), emegbe nàzɔ alo aƒu du anɔ alɔkame kple drikame dem.\n2. Ne alɔ̃ menya dɔna nam o la, alɔ̃ vi aɖe dɔdɔ enye egbɔkpɔnu.\nAte ŋu anɔ eme ya, gake eŋunyala geɖe xɔe se be ɖoɖo si nyo wu enye be woadɔ alɔ̃ ɣeyiɣi didi le gaƒoƒo 24 ɖesiaɖe me. Ŋdɔmelɔ̃ kpui aɖe (si xɔa miniti 15 va ɖo 30) dɔdɔ ate ŋu ana woanɔ ŋu le ŋdɔmelɔ̃tsɔameɣi evɔ matrɔ naneke le wò ɣeyiɣi didi ƒe alɔ̃dɔɖoɖoa ŋu o. Gake alɔ̃ kpui aɖe dɔdɔ le gaƒoƒo ene siwo do ŋgɔ na anyimlɔɣi me ate ŋu agblẽ ɖiɖiɖeme nyui si woakpɔ le zã me la me.\n3. Drɔ̃e siwo dzi míeɖoa ŋkui mena míeɖi ɖe eme tututu o.\nDrɔ̃ewo (siwo míekuna le Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ me zi geɖe) nye dzesi be míeɖi ɖe eme nyuie eye míekunɛ zi ene alo wu nenema le alɔ̃dɔdɔ le zã ɖesiaɖe kloe me la me. Numekukuwo ɖee fia be drɔ̃e siwo dzi míeɖoa ŋkui nye esiwo me míenyɔ le, esime míele wo kum loo alo miniti ʋɛ aɖewo le wo kuku vɔ megbe. Ke hã, drɔ̃e baɖabaɖa aɖe kuku ate ŋu ana míatsi dzi eye wòana alɔ̃dɔdɔ ake nasesẽ.\n[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]\nAlɔ̃dɔdɔ nyuie le zã me ana nànɔ ŋu ahanɔ ŋute ŋkeke bliboa\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nyae azɔ be alɔ̃dɔdɔ le ɖoɖo kple akpa vovovowo me\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nÐɔ ŋu ɖo le alɔ̃dɔtikewo nono me\n[Nɔnɔmetata si le axa 27]\nEsesẽna hafi atamanolawo dɔa alɔ̃","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040208\/Alesi-N%C3%A0d%C9%94-Al%C9%94%CC%83-W%C3%B2asu-W%C3%B2-Nyuie\/","date":"2023-12-05T09:04:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100550.40\/warc\/CC-MAIN-20231205073336-20231205103336-00595.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998914957,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989149570465088}","num_words":1806,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔse Dodokpɔ le Poland\nABE ALESI JAN FERENC GBLƆE ENE\nÐEVI dzaa ko menye esime wonɔ Xexemeʋa II wɔm. Meɖo ŋku tɔnyeɖia aɖe si nye Yehowa Ðasefo dzi nyuie. Evaa míaƒe aƒeme va xlẽa nu tso Biblia me na mí. Dzinyelawo metsɔ ɖeke le eme o, gake nyaawo dze mía kple nɔvinyeŋutsu Józef, kple nɔvinyenyɔnu Janina, ya ŋu vevie. Medidi o, mí katã míexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa. Ƒe 14 ko mexɔ esime mexɔ nyɔnyrɔ.\nEsi mía dzilawo kpɔ ŋusẽ nyui si Biblia sɔsrɔ̃ nɔ kpɔkpɔm ɖe míaƒe agbe dzi la, wodze egɔme nɔ to ɖom. Esime fofonye va kpɔ be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la, egblɔ be: \"Ne aleae Mawu ƒe Nya gblɔ la, ke nunɔlawo gblẽ mí ɖe viviti me. Vinye, ɖe nɔnɔmewɔwɔwo katã ɖa le glia ŋu tsɔ ƒu gbe!\" Anɔ ƒe eve megbe la, dzinyelawo hã xɔ nyɔnyrɔ. Wosubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe woƒe ku me.\nKuxi Siwo Míedo Goe\nYehowa Ðasefowo to nɔnɔme sesẽwo me le aʋaa megbe. Le kpɔɖeŋu me, amewo tso Dukɔa ƒe Dedienɔnɔdɔwɔƒe va dze míaƒe dɔwɔƒe si nɔ Lodz dzi helé amesiwo nɔ dɔ wɔm le afima. Le Poland ƒe ɣedzeƒe gome la, Katoliko hakplɔlawo ƒoe ɖe Dukɔa ƒe Asrafowo ƒe vivimeʋawɔlawo nu wodze Yehowa Ðasefowo dzi heƒo wo vevie. *\nAzɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, Kɔmiunist dziɖuɖua te fli ɖe mɔ si woɖe na mí tsã be míawɔ míaƒe takpekpewo la me, eye wodze agbagba be woagblẽ takpekpe siwo nɔ edzi yim la me. Gake ɖeko tsitretsiɖeŋu si nɔ dzidzim ɖe edzi la gadzi míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ɖe edzi. Le ƒe 1949 me la, Ðasefo siwo wu 14,000 ye bu akɔnta le Poland.\nMedidi o meva zu mɔɖela, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Dɔdasi gbãtɔ si wonam la didi tso aƒe gbɔ anɔ kilometa 500. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖom be manye dzikpɔla mɔzɔla le teƒe aɖe si le Lublin ƒe ɣedzeƒe gome, eye medidi tso afisi dzinyelawo nɔ gbɔ o.\nWolém Hewɔ Fum\nLe June 1950 me la, Kɔmunist dziɖuɖua lém hetso nunye be menɔ ŋku tsam na United States dziɖuɖua. Wodem xɔgɔmenudzraɖoxɔ ƒoɖi aɖe me. Le zãme la, dɔwɔla numekula aɖe va kplɔam doa goe va biaa gbem. Egblɔna nam be: \"Kɔmamãe miaƒe subɔsubɔhaa nye eye enye Dukɔa ƒe futɔ. Amerikatɔwo ƒe adzamenumekuhae miaƒe dɔwɔƒea ƒe ta wɔa dɔ na. Kpeɖodziwo le mía si! Nɔviwòwo lɔ̃ ɖe edzi xoxo be yewotsa le dukɔ bliboa me hexɔ nyatakakawo ku ɖe aʋawɔnuwo kple wo wɔƒewo ŋu.\"\nLe nyateƒe me la, nutsotso siawo katã nye alakpa sɔŋ. Ke hã, numekulaa ɖo aɖaŋu nam be made asi agbalẽ te agbe nu le ha si wòyɔna be \"miaƒe ŋukpenanuwɔhabɔbɔ\" la gbɔ. Edze agbagba zi geɖe be yeana made asi ete. Ete kpɔ gɔ̃ hã be yeana maŋlɔ Ðasefo siwo katãmenya ƒe ŋkɔ kple adrɛswo kple afisiwo womãa míaƒe agbalẽwo le. Eƒe agbagbadzedzewo meɖe vi aɖeke o.\nEmegbe asrafoawo ƒom kple kpo ʋuu vaseɖe esime meku ƒenyi. Emegbe wokɔ tsi ɖe dzinye megagbɔa agbe, ale be wogayia nyawo biabia dzi. Zã si kplɔe ɖo me la, woƒo nye afɔkpodzi kutɔkutɔe. Medo ɣli ɖe kuku na Mawu be wòana ŋusẽm matsɔ ado dzii. Mekpɔ be enam hã. Woyi edzi biaa gbem le zãme nenema edziedzi hena ƒe ɖeka kloe.\nWoɖem le game le April 1951 me, gake Ðasefo geɖe kpɔtɔ nɔ game. Meyi Ðasefo aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo gbɔ be wòana dɔ yeyem. Ebiam be, \"mèle vɔvɔ̃m be woagalé ye ake oa?\" Meɖo eŋu be: \"Meɖoe kplikpaa wu tsã be mawɔ dɔ le afisi hiahiãa lolo le wu.\" Megadze nye dzikpɔla mɔzɔzɔdɔa gɔme, eye emegbe wokpem be mava wɔ ɖoɖo ɖe míaƒe agbalẽwo tata kple wo mama le Poland ŋu.\nƔemaɣi la, míezãa blema gbalẽtamɔ̃wo tsɔ taa Gbetakpɔxɔ lae. Míaƒe nuŋɔŋlɔawo meɖena nyuie o, eye míexea ga gbogbo ɖe pepa, si nɔ vevem ɣemaɣi la ta. Míetaa agbalẽawo le teƒe ɣaɣlawo, abe avawo, xɔgɔmexɔwo, kple xɔtaxɔwo ene me. Ne wolé ame aɖe la, wodenɛ game.\nMeɖoa ŋku vudo aɖe si me tsi mele o si míezã dzi. Míeɖe mɔ to ʋea, si goglo anɔ afɔ 35 la me va ge ɖe xɔ sue aɖe me eye afimae míetaa magazineawo le. Hafi míayi afima la, ele be míaku ɖe ka ŋu woaɖiɖi ɖe ʋea me. Gbeɖeka menɔ atigo gã aɖe me wonɔ nye ɖiɖim kasia kaa tso. Mege va dze anyi heŋe afɔ. Le kɔdzi nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe megbe la, megbugbɔ va yi agbalẽtamɔ̃a zazã dzi.\nƔeyiɣi sia mee medo go Danuta, si nye subɔla mɔɖela veviedola aɖe. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1956 me, eye le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, míewɔ subɔsubɔdɔa ɖekae le titina Poland. Kaka ƒe 1960 naɖo la, vi eve nɔ mía si, eye míeɖoe be Danuta nadzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ be wòakpɔ wo gbɔ. Medidi o wogalém, eye azɔ wodem gaxɔ aɖe si me alegeliwo bɔ ɖo me. Dzinu ade megbe la, wotso afia be woadem game ƒe eve.\nGaxɔmeyiyi Kple Dodo\nGamenɔla siwo wu 300 ye nɔ Bydgoszcz gaxɔa me, eye medo gbe ɖa na Yehowa be mate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na dzianukwaretɔwo. Meƒo nu kple gaxɔa dzi kpɔla, gblɔ nɛ be mate ŋu anɔ ta kom na gamenɔlaawo. Ewɔ nuku nam be wòlɔ̃. Medidi o, meva nɔ ge ƒlɔm, henɔa ta kom na gamenɔlaawo, eye meɖia ɖase na amesiwo edze abe nyaa dze wo ŋu ene.\nEteƒe medidi o, gamenɔla si nye takola kpe ɖe ŋunye la dze wɔwɔ ɖe míaƒe dzeɖoɖoa me nyawo dzi. Edze nusiwo srɔ̃m wònɔ le Bibliame gbɔgblɔ na amewo gɔ̃ hã. Medidi o gaxɔa dzikpɔla ɖe gbe na mí be míadzudzɔ nusi wòyɔ be \"dugbanyawo\" la kaka. Hatinye takola la nɔ te sesĩe. Eɖe nu me be: \"Mefia fi tsã, gake fifia medzudzɔ. Atamanono mam tsã, gake fifia nyemeganonɛ o. Tameɖoɖo va su asinye le agbeme, eye medi be mazu Yehowa Ðasefo.\"\nEsi woɖem le game la, nɔviawo dɔm ɖo ɖe Poznan be mava kpɔ \"abolomeme\" dɔ, si nye alesi míeyɔa míaƒe adzame gbalẽtaƒewoe dzi. Kaka ƒe 1950-awo nawu enu la, míaƒe agbalẽtata ka ɖe eme kura wu tsã. Míesrɔ̃ alesi míazã mɔ̃ awɔ míaƒe agbalẽwo ƒe axawo wòanɔ sue wu hã—enye nu ɖedzesi aɖe le míaƒe mɔ̃ɖaŋununya me—eye míesrɔ̃ Rotaprint gbalẽtamɔ̃ zazã hã. Le ƒe 1960 me la, míedze agbalẽwo tata kple wo babla hã gɔme.\nEmegbe kpuie la, aƒelika aɖe va zɔ mía gɔme, eye wogalém ake. Esi woɖe asi le ŋunye le ƒe 1962 me megbe la, mexɔ dɔdasi be mava subɔ le Szczecin kpe ɖe nɔvi bubu geɖewo ŋu. Gake hafi míadze mɔ la, míexɔ agbalẽ aɖe si míawo míesusu be etso nɔviŋutsu Kristotɔ nuteƒewɔlawo gbɔ be míayi Kielce boŋ. Gake esi míeɖo afima la, wolé mi, eye wotso afia nam be woagadem game ƒe ɖeka kple afã. Ameflula siwo va tra ɖe mía me ye de mí asi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeva dze si wo heɖe wo le mía dome.\nEsime wova ɖem tso game mlɔeba la, woɖom be makpɔ agbalẽwo tata dzi le Poland katã. Le ƒe 1974 me, esime medze agbagba be woagalém o ƒe ewo megbe la, woɖiam gava lém le Opole. Emegbe kpuie la, wokplɔm yi ɖade game le Zabrze. Gaxɔdzikpɔlaa gblɔ nam be: \"Wò bisiɔpdɔwɔnawo wu enu. Ne èyi wò togblẽnyawo kaka dzi la, àyi ameɖekɛgaxɔ me.\"\nGbeƒãɖeɖe le Gaxɔ Me\nGake nye subɔsubɔdɔa mewu enu le mɔ aɖeke nu o. Le nyateƒe me, medze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple hatinye gamenɔla eve. Mlɔeba, wowɔ ŋgɔyiyi va ɖo afisi mena nyɔnyrɔ wo ɖe tsilegba gã aɖe me le gaxɔa me.\nAme bubuwo hã wɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖea dzi, eye le April 1977 me la, míekpe ɖekae ɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. (Luka 22:19) Dzinu eve megbe, le June 1977 me la, woɖe asi le ŋunye eye womegalém azɔ o.\nLe ɣeyiɣi mawo me la, dziɖulawo va nɔ mɔ ɖem ɖe míaƒe dɔa ŋu wu. Ðikeke mele eme o be Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔwo ƒe sasrãkpɔ wɔ akpa vevi aɖe. Le ƒe 1977 me la, wo dometɔ etɔ̃ ƒo nu kple dzikpɔlawo, mɔɖelawo, kple Ðasefo siwo subɔ ɣeyiɣi didi le dugã geɖe me. Ƒe eve megbe la, wo dometɔ eve de va ƒo nu kple Subɔsubɔnyawo Dɔdzikpɔƒe ƒe amegãwo. Gake ƒe 1989 me ke hafi wova ɖe mɔxenuwo ɖa le míaƒe dɔa dzi. Ðasefo 124,000 ye le dɔ wɔm le Poland fifia.\nLãmegbegblẽ wɔe be Danuta megate ŋu zɔa mɔ kplim le ƒe siawo me o, gake edea dzi ƒo nam eye wòdi be mayi edzi anɔ hamewo srãm kpɔ. Mada akpe nɛ ɖaa ɖe eƒe ŋusẽdoame si wònam le nye gaxɔmenɔɣi geɖeawo la ta.\nKakaɖedzi le asinye be nyametsotso si mewɔ ƒe 50 enye si va yi be masubɔ Yehowa Mawu ye nye nyuitɔ. Mekpɔ dzidzɔ blibo le esubɔsubɔ kple dzi blibo me. Mía kple srɔ̃nye míekpɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya 40:29 la ƒe nyateƒenyenye be: \"[Yehowae] naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.\"\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 6 Kpɔ 1994 Yearbook of Jehovah's Witnesses, axa 213-22.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]\nMíezã \"mimeograph\" gbalẽtamɔ̃, eye emegbe míeva zã \"Rotaprint\" gbalẽtamɔ̃ tsɔ ta agbalẽwoe\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]\nMía kple srɔ̃nye Danuta","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001108\/X%C9%94se-Dodokp%C9%94-le-Poland\/","date":"2023-11-29T02:58:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100047.66\/warc\/CC-MAIN-20231129010302-20231129040302-00247.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992476702,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999247670173645}","num_words":1510,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Womegale Agbenyuinɔnɔ Ŋuti Sewo Bum O\n\"NU MA ƒomevi medzɔna tsã gbeɖe o.\" Nya siawoe Helmut Schmidt si nye Germany dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ tsã gblɔ. Dumegãwo ƒe anukwaremaɖimaɖi gã si ɖi hoo le nyadzɔdzɔwo me nyitsɔ laa ŋue wònɔ konyi fam le. Egblɔ be: \"Agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo megaɖi naneke o le ŋukeklẽ ta.\"\nAme geɖe alɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi. Wole afɔkpo tum agbenyuinɔnɔse siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, si dzi ame geɖe da asi ɖo tso gbaɖegbe ke be enye nu nyui kple nuvɔ̃ ƒe mɔfiagbalẽ la dzi. Aleae wòle le dukɔ siwo me wobuna be Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖo la gɔ̃ hã me.\nÐe Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Le Veviea?\nAgbenyuinɔnɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi fia anukwareɖiɖi kple fɔmaɖimaɖi. Ke hã amebaba, nufitifitiwɔwɔ, kple ametafatafa bɔ. The Times si wotana le London ka nya ta be \"wogblɔ le hlɔ̃donyamekula aɖewo ŋu be woxɔ pound 100,000 de kotoku me ɣeaɖeɣi bene woaɖe asi le atikevɔ̃ɖiwo ŋu loo alo woaɖe asi le nya si wotsɔ ɖe adzamenuwɔla xɔŋkɔ aɖewo ŋu la ŋuti.\" Wogblɔ be ametafatafa le nugblẽfexeɖoɖo mee bɔ le Austria wu. Eye le Germany la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lulu ŋutɔ esi numekulawo va ke ɖe\n\"ametafatafa si nye ŋukpenya gãwo wu le Germany ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya me dometɔ ɖeka\" ŋu nyitsɔ laa. Wotso nufialagã aɖe si nye \"ame ŋkuta le Germany nugbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ ŋuti nunyalawo dome\" nu be eda alakpa alo kpa nyatakaka gbogbo aɖewo.\nAgbenyuinɔnɔ si wotu ɖe Biblia dzi lɔ nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe si woɖo be wòanye ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa hã ɖe eme. Gake srɔ̃gbegbe ʋɔnuwo koe srɔ̃tɔ gbogbo aɖewo va le dodom ɖo ɖaa. Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Christ in der Gegenwart (Egbeŋkekea me Kristotɔwo) ka nya ta be \"le Switzerland 'si lé blemasewo me ɖe asi' gɔ̃ hã la, srɔ̃ɖeɖe geɖewo me le gbegblẽm.\" Le Netherlands la, srɔ̃ɖeɖe alafa memama 33 wua enu ɖe srɔ̃gbegbe me. Aƒenɔ aɖe si de dzesi hadometɔtrɔwo le Germany le ƒe ʋɛ siwo va yi me la ŋlɔ alesi wòte ɖe edzii be: \"Fifia wole srɔ̃ɖeɖe bum be enye blemanu kple tsigãdzinu. Amewo megaɖea srɔ̃ be wòanye yewoƒe kpeɖeŋutɔ le agbe me ŋkekewo katã o.\"\nGake ame miliɔn geɖe bua agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo wofia le Biblia me be woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu eye be wole vevie na agbenɔnɔ le míaƒe egbexexea me. Atsu kple asi aɖe si le Switzerland kple Germany ƒe de dzi kpɔe dze sii be agbagbadzedze be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu na yewokpɔa dzidzɔ fifia wu tsã. Le woawo ƒe nukpɔkpɔ nu la, \"mɔfianu ɖeka koe li le agbemenya ɖesiaɖe me. Bibliae nye mɔfianu ma.\"\nAleke nèsusu? Ðe Biblia ate ŋu anye mɔfianu si ŋu asixɔxɔ lea? Ðe agbenyuinɔnɔse siwo le Biblia me awɔ dɔ egbea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20001101\/Womegale-Agbenyuin%C9%94n%C9%94-%C5%8Auti-Sewo-Bum-O\/","date":"2023-12-11T21:37:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679518883.99\/warc\/CC-MAIN-20231211210408-20231212000408-00809.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998745501,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987455010414124}","num_words":458,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mahiã be nàgabu aɖaŋuwɔwɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.\nAlekee? Àte ŋu abia. Enyo, mina míaƒu tsi ɖe eme.\nMe nye solo entrepreneur hena ɣeyiɣi aɖe. Metu nyatakakadzraɖoƒe kple dɔwɔnu geɖe, eye kuxi aɖe nɔa ŋunye ɣesiaɣi le aɖaŋuwɔwɔ ŋu.\nMenye atsyãwɔlae menye o, eye gazazã hã mele asinye be maxɔ ɖeka o. Medze agbagba be masrɔ̃ aɖaŋuwɔwɔ, gake ɖeko menye nye nue wònye o. Nyee nye developer, eye melɔ̃a code wɔwɔ. Medi tso gbaɖegbe ke be mawɔ nyatakakadzraɖoƒe nyuiwo kabakaba alesi mate ŋui.\nKuxi gãtɔ kekeakee nye alesi wowɔe ɣesiaɣi. Amadede kae woazã, afisi woatsɔ nuawo ade etc.\nÐewohĩ esia menye kuxi gã aɖeke nenema gbegbe o...\nNyatakakadzraɖoƒe geɖewo le internet dzi siwo ƒe nɔnɔme nyo. Nukata màwɔ atsyã la ƒe kɔpi tso nyatakakadzraɖoƒe siawo dometɔ ɖeka dzi ko awɔ tɔtrɔ suesuesuewo be wòazu tɔnye o?\nÀteŋu azã browser inspector atsɔ awɔ CSS la ƒe kɔpi, gake dɔ geɖe ŋutɔe nye ema. Ele be nàwɔ element ɖesiaɖe ƒe kɔpi ɖekaɖeka. Nusi gavloe wue nye be, ahiã be nàto kɔmpiuta ƒe atsyãwo me eye nàwɔ atsyã siwo wozãna ŋutɔŋutɔ ƒe kɔpi.\nMedze agbagba be madi dɔwɔnu aɖe si ate ŋu awɔ esia nam, gake nyemeke ɖe naneke si awɔ dɔ nyuie ŋu o.\nEyata meɖoe be mawɔ nye ŋutɔ nye dɔwɔnu.\nNusi do tso emee nye DivMagic.\nDivMagic nye web-browser ƒe kpeɖeŋutɔ si na be dɔwɔlawo te ŋu kɔpi nu ɖesiaɖe tso nyatakakadzraɖoƒe ɖesiaɖe dzi to asiƒoƒo ɖeka ko dzi.\nEɖi nu bɔbɔe, alo?\nGake menye ema koe o. DivMagic trɔa web ƒe akpa siawo wozua kɔpi dzadzɛ, si woate ŋu azã ake, eɖanye Tailwind CSS alo CSS si wozãna edziedzi o.\nNe èzi edzi zi ɖeka la, àte ŋu awɔ nyatakakadzraɖoƒe ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme ƒe kɔpi ahatsɔe ade wò ŋutɔ wò dɔa me.\nÀte ŋu akpɔ akpa siwo woate ŋu azã ake. Ewɔa dɔ kple HTML kple JSX. Àte ŋu axɔ Tailwind CSS ƒe klasswo gɔ̃ hã.\nÀte ŋu adze egɔme to DivMagic ɖoɖo ɖe wò kɔmpiuta dzi.\nNye ame gbãtɔ si nya nu tso nyadzɔdzɔwo, nu yeyewo kple bubuwo ŋu!\nÐe asi le nudɔdɔ ŋu ɣesiaɣi. Spam aɖeke meli o.\n© 2024 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/blog\/introducing-divmagic","date":"2024-02-22T10:53:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473738.92\/warc\/CC-MAIN-20240222093910-20240222123910-00880.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993689656,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993689656257629}","num_words":357,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu 1tɔ: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã\n'Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuie.'—Filipitɔwo 1:10.\nNu si wòfia. Le ƒome kpɔdzidzedzewo me la, srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa nɔvia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔwo, nunɔamesiwo, dɔwɔɖui, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔ bubuwo gɔ̃ hã. Atsu kple asi siawo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe wo nɔewo kpakple wo viwo ŋu. Wo ame evea siaa lɔ̃na faa be yewoatsɔ nuwo asa vɔe ɖe ƒomea ƒe nyonyo ta.—Filipitɔwo 2:4.\nNu si ta wòle vevie. Biblia dea asixɔxɔ ƒomewo ŋu ŋutɔ. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo ŋlɔ bena ame si mekpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la 'vɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.' (1 Timoteo 5:8) Ke hã, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nu si ame buna be enye nu vevitɔ na ye la tea ŋu trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ƒomeɖaŋuɖola aɖe de dzesii be edze abe ame siwo vaa takpekpe si ŋu yewɔa ɖoɖo ɖo la tsia dzi ɖe woƒe agbemedɔwo ŋu wu woƒe ƒomea ene. Egblɔ be edze abe ɖeko wonɔa mɔ kpɔm be yewoasrɔ̃ \"mɔ bɔbɔe aɖewo siwo dzi yewoato akpɔ yewoƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ ko aɖe susu ɖa le wo dzi ahakpɔ vovo ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ene.\" Nu kae nya sia fia? Ele bɔbɔe be míagblɔ be míetsɔ míaƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ tsɔ wu be míaɖee afia ŋutɔŋutɔ le nuwɔna me.\nTe mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be nu kawoe nèbua nu vevitɔwoe hã.\n▪ Ne srɔ̃nye alo vinye di be yeagblɔ nya aɖe nam la, ɖe meɖoa toe enumakea?\n▪ Ne mele dze ɖom kple amewo tso nu siwo mewɔna ŋu la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be meƒoa nu tso nu siwo mía kple nye ƒomea míewɔna ŋua?\n▪ Ðe malɔ̃ faa aɖe asi le mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu (eɖanye le dɔme alo le teƒe bubu o) ne nye ƒomea dina be manɔ yewo gbɔa?\nNe èɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, àte ŋu aka ɖe edzi be ètsɔ nu vevitɔwo ɖo ɖoƒe si dze. Gake nya kae srɔ̃wò kple viwòwo agblɔ tso ŋuwò le go sia me? Menye ale si míebua mía ɖokuiwo dzi koe wonɔa te ɖo dea dzesi nu siwo míebua nu vevitɔwoe o. Eye gɔmeɖose sia nye nyateƒe le nu bubu siwo naa ƒomewo kpɔa dzidzedze siwo me míadzro le esia yome hã gome.\nTso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble tso mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yeƒe ƒomea le vevie na ye wu nu ɖe sia ɖe la ŋu. (Le kpɔɖeŋu me: De ŋugble le ale si nàte ŋu aɖe nu siwo xɔa ɣeyiɣi siwo wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò kple viwòwo ŋu le asiwò la dzi kpɔtɔ la ŋu.)\nÐe manyo be nàgblɔ nyametsotso si nèwɔ la na wò ƒomea oa? Ne ƒomea me tɔ ɖeka ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeawɔ tɔtrɔ la, anɔ eme godoo be ame susɔeawo adze eƒe kpɔɖeŋua yome.—g09 10-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nDzila si ɖenɛ fiana be ye srɔ̃ kple ye viwo le vevie na ye wu nu bubuwo lae nye dzila si kpɔ dzidzedze","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Nu-1t%C9%94-Nu-Vevit%C9%94wo-Gb%C9%94-Kp%C9%94kp%C9%94-Gb%C3%A3\/","date":"2024-02-26T16:51:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474661.10\/warc\/CC-MAIN-20240226162136-20240226192136-00378.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986546636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986546635627747}","num_words":521,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Masɔmasɔ Si Le Wo Dome\n\"Ðe wonya mawusubɔsubɔ be enye dɔléle si ɖea fu na susua?\"\n—Nugbagbeŋutinunyala Richard Dawkins.\nWOBUA mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya ɣeaɖewoɣi be wonye futɔ vɔ̃ɖiwo. Le ame aɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, edze abe woanɔ ʋiʋlia dzi vaseɖe esime wo dometɔ ɖeka nu ayi hafi evelia aɖu dzi ene.\nLe ƒuƒoƒo si me dzɔdzɔmeŋutinunyalawo abe atikedokpɔla Peter Atkins le ene me la, wobui be \"manya wɔ\" be woawɔ mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋudɔ ɖekae o. Atkins gblɔ be edzixɔxɔse \"be Mawu ko dzi woato akpɔ gɔmesese (na nane, alo ʋuu keke woaha yi nu ɖesiaɖe nye ge) nye bometsitsi.\"\nLe ƒuƒoƒo bubu si me subɔsubɔhawo le me la, wotsia tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu be ena be amewo ƒe xɔse nu tsi. Amesiawo xɔe se be alesi woɖea dzɔdzɔmeŋutinunya me egbea la nye amebeble; eƒe nya veviwo ate ŋu anɔ eme, gake wo gɔme maɖemaɖe nyuie ate ŋu agblẽ nu le dzianukwaretɔwo ƒe dzixɔse ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nugbagbeŋutinunyala William Provine gblɔ be Darwin ƒe nufiafia le fiafiam be \"mele be gɔmeɖose vevi nanɔ agbenɔnɔ ŋu o; eye tameɖoɖo mele agbe ŋu o.\"\nGake masɔmasɔ siawo ƒe ɖewo tso alakpanufiafia siwo ŋu kpeɖodzi mele o gbɔ le akpa eveawo siaa gome. Ƒe alafa nanewo enye esia la, subɔsubɔhakplɔlawo fia nyakpakpawo kple xɔsemeʋuʋu siwo mele eteƒe o eye womesɔ hã kple nusiwo ŋu egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ke ɖo o eye womenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Roma Katoliko Ha la bu fɔ Galileo le esi wòƒo nyata nyuie be anyigba ƒoa xlã ɣea ta. Galileo ƒe nukpɔsusua metsi tre ɖe Biblia ŋu le mɔ aɖeke nu o, gake etsi tre ɖe nusi sɔlemeha la fia ɣemaɣi la ŋu. Le go bubu me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖi fɔ le woƒe nufiafia si dzi womate ŋu aɖo kpee o fiafia me esi wofiana be agbe dzɔ tso nusi me agbe mele o me Mawu manɔmee la ta. Woɖua fewu le mawusubɔsubɔ me dzixɔse ŋu be mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o.\nEkema ɖe woanya wɔ be woawɔ dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋudɔ ɖekaea? Ẽ, anya wɔ. Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmeŋutinunya si ŋu kpeɖodzi le kple subɔsubɔ vavãtɔ zɔna aduadu, le esi eteƒe be woatsi tre ɖe wo nɔewo ŋu.\n[Nɔnɔmetata si le axa 2, 3]\nGalileo fia dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒe, gake sɔlemeha ka mo nɛ ɖe eta","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020608\/Dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya-Kple-Mawusub%C9%94sub%C9%94-Mas%C9%94mas%C9%94-Si-Le-Wo-Dome\/","date":"2024-03-03T06:09:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476205.65\/warc\/CC-MAIN-20240303043351-20240303073351-00564.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986514449,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986514449119568}","num_words":389,"character_repetition_ratio":0.098,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.201,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"21 Emegbe David va nunɔla Ahimelek gbɔ le Nob.+ Ahimelek vɔ̃ eye wòdo go va kpe David hebiae be: \"Nu ka ŋuti wò ɖeka koe va, eye ame aɖeke mele ŋuwò o?\"+ 2 David ɖo eŋu na nunɔla Ahimelek be: \"Fia lae de gbe aɖe asi nam, eye wògblɔ nam be, 'Ame aɖeke meganya naneke le nya si gbe mele dɔwòm ɖo kple gbe si mede asi na wò la ŋu o.' Eye mewɔ ɖoɖo kple nye ɖekakpuiawo be míado go le teƒe aɖe. 3 Eya ta ne abolo atɔ̃ le asiwò la, ekema tsɔ wo nam, alo nu sia nu si nàkpɔ ko.\" 4 Ke nunɔla la gblɔ na David be: \"Abolo dzodzro aɖeke mele asinye o, gake abolo kɔkɔe+ ya li; ne ɖekakpuiawo mede nyɔnu gbɔ le ŋkeke siawo me o ko.\"+ 5 David ɖo eŋu na nunɔla la be: \"Wotsri nyɔnu na mí abe ale si wònɔ tsã esime meyi aʋa ene.+ Ne dɔdeasi dzro aɖe koe wònye ɣemaɣi evɔ ɖekakpuiawo ŋuti kɔ la, ɖe wo ŋuti makɔ egbe sia wu esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe oa!\" 6 Ale nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe la nɛ,+ elabena abolo aɖeke mele afi ma o, negbe ŋkumeɖobolo si woɖe le Yehowa ŋkume be woatsɔ abolo yeye aɖo eteƒe le gbe si gbe woɖee ɖa la ko. 7 Ke Saul ƒe subɔviwo dometɔ ɖeka, si wosika ɖi le Yehowa ŋkume la, nɔ afi ma gbe ma gbe. Eŋkɔe nye Doeg,+ Edomtɔ+ la, eye wònye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã. 8 Eye David gblɔ na Ahimelek be: \"Akplɔ alo yi aɖeke mele gbɔwò afi sia oa? Nyemetsɔ nye yi alo nye aʋawɔnuwo ɖe asi o, elabena ehiã be woakpɔ fia ƒe nya la gbɔ kpata.\" 9 Nunɔla la gblɔ be: \"Filistitɔ Goliat,+ ame si nèwu le Ela Bali+ me la ƒe yi koe li, eyae nye esi ŋu wobla avɔ ɖo, le kɔmewu+ la megbe. Ne èbe yeatsɔe la, ekema tsɔe, elabena bubu aɖeke mele afi sia o.\" Eye David gblɔ be: \"Etɔgbi aɖeke meli o. Tsɔe nam.\" 10 David dze mɔ gbe ma gbe henɔ sisim le Saul nu,+ eye mlɔeba wòva Gat-fia+ Akis gbɔ. 11 Eye Akis ƒe subɔviwo gblɔ nɛ be: \"Menye David siae nye anyigba la ƒe fia oa? Alo menye eya ŋue woɖu ɣe le nɔ gbɔgblɔm be: 'Saul wu ame akpewo,David ya wu ame akpe ewowo' oa?\"+ 12 Nya siawo ɖe fu na David ƒe dzi, ale be wòde asi Gat-fia Akis vɔvɔ̃ me ŋutɔ.+ 13 Eya ta edo tsu eɖokui+ le wo ŋkume henɔ aɖaʋanu wɔm le wo dome.* Eye wònɔ fli tem ɖe dugbo la ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye ade nɔ tsyɔtsyɔm ɖe ge me nɛ. 14 Mlɔeba Akis gblɔ na eƒe subɔviwo be: \"Esi miekpɔ be ame sia le aɖaʋanu wɔm ɖe, nu ka tae miekplɔe vɛ nam? 15 Alo aɖaʋatɔe le hiãyem hafi miekplɔe vɛ be wòava nɔ aɖaʋanu wɔm le gbɔnyea? Ðe wòle be ame sia nage ɖe nye aƒe mea?\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"le wo si me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-samuel\/21\/","date":"2024-03-04T06:30:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476413.82\/warc\/CC-MAIN-20240304033910-20240304063910-00634.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992479086,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992479085922241}","num_words":484,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wogblɔ be sɔlemeha lae nɔ megbe na nu sia nu si Spain-dukɔa wɔ le ŋutinya wɔblanui sia me. Ŋutinya sia xexlẽ awɔ dɔ ɖe dziwò.\nSPAIN ƒe dziɖuɖua di be yeaɖo Kristotɔwo Ƒe Dukɔ anyi si anɔ se ɖeka te. Wobu Moriskowo be wonye dzimaxɔsetɔwo, eya ta wobui be woƒe dukɔa me nɔnɔ nye agɔdzedze gã aɖe le Mawu dzi. Le ƒe geɖe megbe la, dziɖuɖua tso nya me. Nyametsotso kae? Ele be woanyà wo le dukɔa me! *\nDZIMETƆTRƆ NA AMEWO AKPASESẼTƆE\nMɔrtɔ siwo nɔ Spain siwo nye Moslemtɔwo ƒe ha si me tɔwo mede ha o, siwo woyɔna be Mudédzar nɔ nuto siwo dzi ɖum Katolikotɔwo le la me le ŋutifafa me ƒe alafa geɖe. Wona gome wo le se nu gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi be woate ŋu akpɔtɔ anɔ woawo ŋutɔwo ƒe sewo ŋu dɔ wɔm eye woate ŋu ayi woƒe subɔsubɔkɔnuwo hã dzi.\nGake le ƒe 1492 me la, Katolikotɔwo ƒe Fiagã siwo ŋkɔwoe nye Ferdinand II kple Isabella wɔ aʋa xɔ Granada si nye Iberia-ƒukpoa ƒe akpa si kpɔtɔ nɔ Moslemtɔwo si me. Gomenɔamesi siwo ŋugbe dziɖuɖua do na Mɔrtɔwo hafi wolɔ̃ na ta la de sɔsɔ ge kple gome siwo wona ame siwo wotsɔ ŋkɔ na be Mudédzar la tɔ. Gake eteƒe medidi hafi dziɖula katolikotɔwo te Moslemtɔ siwo mede ha fũu o la yome titi kple wo dzi zizi be woatrɔ dzi me azu Katolikotɔwo o. Mɔrtɔwo he susu yi ŋugbedododzidada sia dzi, gake ɖeko dziɖulawo gbe gbidi. Esia na be Mɔrtɔwo va dze aglã le ƒe 1499 me. Dziɖuɖu ƒe asrafowo tsi aglãdzedzea nu. Le esia megbe la, wozi Moslemtɔ siwo le nuto vovovoawo me dzi wozu Kristotɔwo alo woʋu dzo le dua me. Spaintɔwo yɔa ame siwo trɔ dzi me hetsi dua me la be Moriskowo.\n'WOMENYE KRISTOTƆ VAVÃWO O EYE WOMENYE DUMEVI WƆNUTEƑEWO Hà O'\nLe ƒe 1526 me la, woxe mɔ ɖe Islam-ha nu le Spain bliboa, gake Morisko geɖewo nɔa woƒe subɔsubɔkɔnuwo wɔm le adzame. Wo dometɔ akpa gãtɔ lé woƒe subɔsubɔkɔnuwo me ɖe asi.\nLe gɔmedzedzea me la, wometsɔ Moriskowo ƒe ame ŋkume Katolikotɔnyenye sia nya vevie o. Elabe woawoe wɔa dɔ siwo hiã vevie le dua me, wonye asinudɔwɔlawo, aɖaŋudɔwɔlawo, leblewo kple adzɔxelawo. Ke hã ale si Moriskowo gbe gbidii be yewomazu Katolikotɔ akuakuawo o la ve dɔ me na amewo, eye dziɖuɖua kple dukɔmeviwo siaa tsi tre ɖe wo ŋu. Anɔ eme be ale si sɔlemeha la me tɔ geɖewo megava le kakam ɖe Moriskowo dzi be wotrɔ dzi me vavã o lae na woti wo yome.\nEteƒe medidi o, amedzizizi va xɔ ɖe nublanuikpɔkpɔ teƒe. Le ƒe 1567 me la, woɖe gbeƒã be Fia Philip II de se ɖe Moriskowo ƒe gbegbɔgblɔ, woƒe awudodo, kɔnuwo kple kɔnyinyiwo nu. Sedede sia na wogadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu ake, eye ame geɖe ku le esia hã me.\nWobu akɔnta be wozi Morisko 300,000 dzi wosi le Spain le fukpekpe gã aɖe me\nŊutinyaŋlɔlawo gblɔ be Spain-dziɖulawo va ka ɖe edzi bliboe be \"Moriskowo menye Kristotɔ vavãwo o eye womenye dumevi wɔnuteƒewo hã o.\" Le esia ta wotso wo nu be wowɔ ɖeka kple Spaintɔwo ƒe futɔ siwo nye Barbaria Ƒudzidzoblasuwo, Franseawo ƒe Protestanttɔwo kple Turkitɔwo be woava dze dua dzi. Ale si amewo bua Moriskowo kple ale si wonɔ vɔvɔ̃m na wo be woava de yewoƒe futɔwo dzi na be Philip III de se le ƒe 1609 me be woanyà wo le dukɔa me. * Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wotia ame siwo katã wobu be wonye Moriskowo la yome. To nuwɔna gblẽku sia me la, Spain va zu Katoliko-dukɔ bliboe.\n^ mm. 4 Nya Moriskowo gɔmee nye \"Mɔrtɔ Suewo\" le Spaingbe me. Ŋutinyaŋlɔlawo zã nya sia tsɔ yɔ Moslemtɔ siwo trɔ dzi me zu Katolikotɔwo, eye wonɔ Iberia Ƒukpo-afã dzi le Moslemtɔwo ƒe fiaɖuƒe mamlɛtɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 1492 me megbe, gake menye ɖe wotsɔ nya siawo doa vlo wo o.\n^ mm. 12 Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ hã be Spain-dziɖulawo dometɔ ɖeka ya teti kpɔ viɖe geɖe tso nu siwo woxɔ le Moriskowo si la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201409\/moriskowo\/","date":"2024-04-23T22:11:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818740.13\/warc\/CC-MAIN-20240423192952-20240423222952-00178.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982320666,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982320666313171}","num_words":659,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.003,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, dina vevie be yease gbe siwo míedona ɖa na ye tso dzi me. Gake nanewo li siwo wɔwɔ ate ŋu ana be maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu o. Nu kawoe, eye nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbe dom ɖa? Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi.\n\"Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii . . . o.\"—Mateo 6:7.\nYehowa medi be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm alo axlẽ wo tso gbedodoɖagbalẽ aɖe me o. Ke boŋ, edi be míaƒo nu na ye tso dzi me. Kpɔ ale si nàse le ɖokuiwò me ne xɔ̃wò aɖe gblɔa nya ɖeka tɔgbiwo na wò gbe sia gbe ɖa. Xɔlɔ̃ nyuiwo kɔa dzi me ɖoa dze faa. Ne míeƒoa nu na mía Fofo si le dziƒo tso dzi me faa la, ke míele eɖem fiae be míenye exɔlɔ̃wo.\n\"Ne miebia la, miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam\"—Yakobo 4:3.\nNe míebia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nane si medi be míawɔ o, alo be wòana nane si medi be wòanɔ mía si o mí la, míenya be maɖo to mí o. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe daa tsatsa eye wòdo gbe ɖa be Mawu nana aklama naɖi na ye ne yeaɖu ga gbogbo aɖea, ɖe Yehowa aɖo gbedodoɖa ma ŋua? Exlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be míaganye ŋuklẽlawo o, eye míagaxɔ nu siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o dzi ase o, abe aklama ene. (Yesaya 65:11; Luka 12:15) Míakpɔ mɔ gbeɖe be Yehowa naɖo gbedodoɖa mawo tɔgbi ŋu o! Be Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ele be míakpɔ egbɔ be nu siwo míebianɛ la wɔ ɖeka kple nya siwo wògblɔ na mí le Biblia me.\n\"Ame si doa toku se la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.\"—Lododowo 28:9.\nLe Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu meɖo ame siwo mewɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzi o la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. (Yesaya 1:15, 16) Mawu metrɔ o. (Malaki 3:6) Ne míedi be Mwu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ke ele be míadze agbagba awɔ ɖe eƒe sewo dzi. Ke ne míewɔ nu gbegblẽ aɖewo va yi ya ɖe? Ðe ema fia be Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo gbeɖe oa? Mefia nenema kura o! Esi Mawu lɔ̃ mí ta la, atsɔe ake mí faa ne míetrɔ dzi me eye míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míawɔ nu si adze eŋu.—Dɔwɔwɔwo 3:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2021-jan-feb\/nu-ka-tae-mawu-me%C9%96oa-gbedodo%C9%96awo-kat%C3%A3-%C5%8Bu-o\/","date":"2024-04-20T13:56:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817650.14\/warc\/CC-MAIN-20240420122043-20240420152043-00306.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960294366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960294365882874}","num_words":397,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea?\nFukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o. Nu ka tae?\nBiblia ɖe nu siwo nana be amegbetɔwo kpea fu la fia.\nÐe wonye tohehe tso Mawu gbɔa? Ðe Mawu kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋua?\nAme aɖewo gblɔna be Mawu tsɔa dɔvɔ̃wo kple dɔlélewo hea to na amewo egbea. Ke hã, Biblia ɖee fia be esia menye nyateƒe o.\nAme geɖe dina be yewoanya nu si tae Mawu lɔ̃ame te ŋu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ma gbegbe ŋu. Nya ma ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me!\nAgbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yeahe ŋutifafa vɛ la medze edzi o. Kpɔ susu siwo tae la ɖa.\nTenɔnɔ Ðe Fukpekpe Nu\nKpɔ nu etɔ̃ siwo Mawu wɔna na mí dɔmenyotɔe tsɔ kpena ɖe mía ŋu míeɖua blanuiléle dzi ɖa.\nAɖoŋuɖoɖo nyui kawoe le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ame si be yeaku la ŋu?\nƐ̃! Xlẽ nu tso afɔ etɔ̃ siwo nàɖe be nànɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-fukpekpe-%C5%8Bu\/","date":"2024-04-15T06:27:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816942.33\/warc\/CC-MAIN-20240415045222-20240415075222-00522.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977189302,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977189302444458}","num_words":185,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 \"Migblɔ na mia nɔviŋutsuwo be, 'Nye dukɔ!'*+ Eye na mia nɔvinyɔnuwo be, 'Oo nyɔnu si wokpɔ nublanui na!'*+ 2 Mihe nya ɖe mia dada ŋu; mihe nya ɖe eŋu,Elabena menye srɔ̃nyee wònye o,+ eye nye hã nyemenye srɔ̃a o. Neɖe gbolowɔwɔ ɖa le eɖokui gbɔ,Kple ahasiwɔwɔ ɖa le eƒe nowo domee, 3 Ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbe si gbe wodzii ene o,Ne nyemagawɔe abe gbegbe eneAhana wòanɔ abe kuɖiɖinyigba ene,Eye mana tsikɔ nawui wòaku o. 4 Nyemakpɔ nublanui na viawo o,Elabena ahasiviwo wonye. 5 Elabena wo dada wɔ gbolo.+ Eya ame si fɔ woƒe fu la wɔ ŋukpenanu,+ elabena egblɔ be:'Medi be madze nye ahiãviwo yome,+Ame siwo naa abolo kple tsi,Lãfuwu kple aklala, ami kple nunonom.' 6 Eya ta matsɔ ŋù atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ ŋu;Eye maɖo gli ɖe eŋu,Ale be magakpɔ etoƒe o. 7 Adze eƒe ahiãviwo yome, ke matu wo o;+Adi wo, ke makpɔ wo o. Ekema agblɔ be, 'Medi be matrɔ ayi srɔ̃nye gbãtɔ gbɔ,+Elabena eme nyo nam ɣemaɣi wu fifia.'+ 8 Medze sii be nyee na agblemenuku,+ wain yeye kple amii o,Eye be nyee na klosaloKple sika, siwo wòzã le Baal subɔsubɔ me la, bɔ ɖe esi o.+ 9 'Eya ta magbugbɔ axɔ nye nuku ne eƒe ɣeyiɣi ɖoKple nye wain yeye ne eƒe azã de,+Eye maxɔ nye lãfuwu kple nye aklala si wòtsɔna tsyɔa eƒe amae la. 10 Azɔ maklo nu le eƒe ama dzi le eƒe ahiãviwo ŋkume,Eye ame aɖeke maxɔe le asinye o.+ 11 Mana eƒe aseyetsotso,Eƒe ŋkekenyui,+ eƒe dzinu yeye, eƒe sabat kple eƒe azãɖuɣiwo katã nu natso. 12 Magblẽ eƒe wainka kple eƒe gboti siwo ŋu wògblɔ le be, \"Esiawoe nye fetu si nye ahiãviwo nam\";Mana woazu ave,Eye gbemelãwo avuvu wo. 13 Mabia akɔntae ɖe ŋkeke siwo me wòdo dzudzɔ na Baal legbawo,+Esime wòtsɔ eƒe togɛ kple eƒe atsyɔ̃ɖonu ɖo atsyɔ̃e hedze eƒe ahiãviwo yomeEye wòŋlɔm be,'+ Yehowa ye gblɔe. 14 'Eya ta mable enu,Makplɔe ayi gbegbe,Eye maƒo nu wòade dzi gbɔ nɛ. 15 Magbugbɔ eƒe waingblewo nɛ tso ɣemaɣi,+Eye matsɔ Akor Bali+ la nɛ wòanye mɔkpɔkpɔ ƒe agbo nɛ.Atɔ nam le afi ma abe le eƒe ɖetugbuimeŋkekewo me ene,Abe gbe si gbe wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.+ 16 Ava eme gbe ma gbe be,Àyɔm be Srɔ̃nye, eye màgayɔm be Aƒetɔ* azɔ o,' Yehowa ye gblɔe. 17 'Maɖe Baal legbawo ƒe ŋkɔwo ɖa le eƒe nu me,+Eye woƒe ŋkɔ magava ame ƒe tame azɔ o.+ 18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+ 19 Mana nànye nye ŋugbetɔ ɖaa,Eye mana nànye nye ŋugbetɔ le dzɔdzɔenyenye, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me.+ 20 Mana nànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me,Eye àdze si Yehowa.'+ 21 'Eye wòava eme gbe ma gbe be matɔ,' Yehowa ye gblɔe,'Matɔ na dziƒowo,Eye woawo hã woatɔ na anyigba;+ 22 Anyigba atɔ na nuku kple wain yeye kpakple ami;Eye woawo hã woatɔ na Yezreel.*+ 23 Maƒãe ɖe anyigba abe nuku ene na ɖokuinye,+Makpɔ nublanui na nyɔnu si womekpɔ nublanui na o;*Magblɔ na ame siwo menye nye dukɔ o* la be: \"Nye dukɔ mienye,\"+ Eye woawo woagblɔ be: \"Mía Mawu nènye.\"'\"+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"Nye Baal.\"\n^ Alo, \"woanɔ anyi dedie.\"\n^ Egɔmee nye, \"Mawu Aƒã Nuku.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hosea\/2\/","date":"2024-04-14T18:55:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816893.19\/warc\/CC-MAIN-20240414161724-20240414191724-00212.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983906746,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983906745910645}","num_words":518,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"De dzi ƒo na ame aɖe be wòayi Yehowa subɔsubɔ dzi, abe ale si Elkana kple Hana de dzi ƒo na Samuel ene.\nDɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nSrɔ̃ hadzidzi si ku ɖe dzinɔameƒo ŋu, eye wò kple ƒome bliboa miadzii ɖekae.\nDɔdeasi sia akpe ɖe ɖevi siwo xɔ tso ƒe 8 va se ɖe ƒe 12 ŋu woasrɔ̃ nu tso gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa vovovoawo ŋu.\nFia viwòwo ale si woakpe ɖe wo xɔlɔ̃wo ŋu kple ale si wo xɔlɔ̃wo hã ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/de-dzi-%C6%92o-sub%C9%94-yehowa\/","date":"2017-12-18T21:32:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948623785.97\/warc\/CC-MAIN-20171218200208-20171218222208-00593.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995039701,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995039701461792}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: \"Míayi kpli mi.\" Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame siwo tso dukɔ vovovowo me la, va le Yehowa subɔm ɖekae kple Kristotɔ amesiaminawo\nMɔ siwo dzi alẽ bubuawo tona kpena ɖe amesiaminawo ŋu egbea dometɔ aɖewo ɖe?\nWokpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tso dzi me faa\nWozãa woƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec11-17\/l%C3%A9-yudat%C9%94-%C9%96eka-%C6%92e-awu-toga\/","date":"2017-12-16T22:49:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948589512.63\/warc\/CC-MAIN-20171216220904-20171217002904-00742.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992108941,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992108941078186}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.205,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nNyabiase: Màlɔ̃ ɖe edzi be ne Biblia tso Mawu gbɔa, ke ele be wòanɔ te ɖe agbagba siwo amewo dze be yeagblẽ edome nu oa?\nMawunyakpukpui: Yes 40:8\nNya Si Nàgblɔ: Nyati siawo dzro nu siwo gbegbe me Biblia to evɔ wògakpɔtɔ li va de asi na egbea la me.\nGBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)\nNyabiase: Medi be makpɔ wò susu le nya sia ŋu. [Xlẽ nyabiase gbãtɔ si le axa 16.] Ame aɖewo xɔe se be amegbetɔwoe to mawusubɔsubɔ vɛ. Bubuwo hã be Mawue nana míesubɔnɛ be míate ɖe eŋu. Nu kae nèsusu?\nMawunyakpukpui: Yak 1:27\nNya Si Nàgblɔ: Nyati sia gblɔ nya geɖe tso nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu la ŋu. Adzɔ dzi nam be magatrɔ ava ne míadzro eme.\nNYA NYUI SI TSO MAWU GBƆ!\nNyabiase: Ame aɖewo susuna be Biblia me nyagblɔɖiwo xexlẽ le ko abe nyadzɔdzɔgbalẽ xexlẽ ene. Nɔnɔme siawo siwo ŋu nya wogblɔ ɖi ka teƒee nèkpɔ alo se nu tsoe kpɔ?\nMawunyakpukpui: 2 Ti 3:1-5\nNya Si Nàgblɔ: Agbalẽ sia ƒo nu tso nu si ta nɔnɔme siawo siwo ɖem amewo le fia nye nya nyui na ame siwo lɔ̃ Mawu. [He susu yi nusɔsrɔ̃ 1, nyabiase 2 lia dzi.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2017-12-18T03:52:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00773.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982191324,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982191324234009}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAWUDƆLA GABRIEL GBLƆ YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA DZIDZI ŊU NYA ÐI\nGABRIEL GBLƆ YESU DZIDZI ŊU NYA ÐI NA MARIA\nMíate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be Biblia blibo la nye gbedeasi si tso Mawu gbɔ. Mía Fofo si le dziƒo lae tsɔe na mí hena míaƒe nufiafia. Gake na míalé ŋku ɖe gbedeasi tɔxɛ eve siwo ame aɖewo xɔ ƒe 2,000 kple edzivɔwoe nye esi va yi la ŋu kpɔ. Mawudɔla aɖe si ŋkɔe nye Gabriel, si \"nɔa tsitre ɖe Mawu ŋkume\" lae tsɔ gbedeasiawo vɛ. (Luka 1:19) Nɔnɔme kawo mee mawudɔlaa va gblɔ gbedeasi vevi mawo le?\nƑe 3 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me lɔƒoe. Afi kae Gabriel va gblɔ gbedeasi gbãtɔ le? Eva gblɔe na Yehowa ƒe nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zakariya, si nɔ Yudea togbɛwo dzi, ɖewohĩ le afi si medidi boo tso Yerusalem gbɔ o. Eya kple srɔ̃a Elizabet wotsi, gake womedzi vi aɖeke o. Eɖo Zakariya dzi be wòawɔ nunɔladɔ le Mawu ƒe gbedoxɔa me le Yerusalem. Esime Zakariya le gbedoxɔa me la, kasia Gabriel va do ɖe dzudzɔdomlekpuia gbɔ.\nMewɔ nuku o be esia na Zakariya vɔ̃ ŋutɔ. Gake mawudɔlaa na Zakariya ɖe dzi ɖi esi wògblɔ nɛ be: \"Zakariya, mègavɔ̃ o, elabena wose wò kokoƒoƒo la, srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.\" Gabriel gblɔ kpee be Yohanes \"anye gã le Yehowa ŋkume\" eye \"wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na Yehowa.\"—Luka 1:13-17.\nEwɔ na Zakariya be esia mate ŋu adzɔ o. Nu ka tae? Esi eya kple Elizabet wotsi tae. Eya ta Gabriel gblɔ nɛ be: \"Wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe gbe si gbe nu siawo va eme, elabena mèxɔ nye [nyawo] dzi se o.\"—Luka 1:20.\nLe ɣeyiɣi sia me la, ame siwo le gota la wɔ yaa le nu si tae Zakariya tsi gbedoxɔa me nenema gbegbe ɖo la ŋu. Edo go mlɔeba, gake megate ŋu nɔ nu ƒom o. Dzesiwo ko wɔm Zakariya nɔ kple eƒe asiwo. Edze ƒãa be ekpɔ nu dziŋɔ aɖe esime wònɔ gbedoxɔa me.\nEsi ɣeyiɣi si Zakariya asubɔ le gbedoxɔa me wu enu la, etrɔ yi aƒe me. Ema megbe kpuie la, Elizabet fɔ fu! Esi wòsusɔ ɣleti atɔ̃ ne Elizabet nadzi vi la, esika eɖokui ɖe aƒe me eye medona ɖe amewo dome o.\nEmegbe Gabriel gado ake. Ame kae wòƒo nu na? Ðetugbui aɖe si meɖe srɔ̃ o, si ŋkɔe nye Maria, ame si nɔ Nazaret le Galilea, si le Yerusalem ƒe dziehe gome lae. Nya kae mawudɔlaa gblɔ nɛ? Egblɔ nɛ be: \"Mawu ve nuwò.\" Gabriel gagblɔ na Maria be: \"Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu.\" Egagblɔ kpee be: \"Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye . . . aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.\"—Luka 1:30-33.\nBu ale si gbegbe Gabriel se le eɖokui me ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòagblɔ gbedeasi eve mawo la ŋu kpɔ. Ne míele nu geɖe xlẽm tso Yohanes kple Yesu ŋuti la, nu si tae gbedeasi siawo siwo tso dziƒo la le vevie ŋutɔ la me ava kɔ na mí wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/mawud%C9%94la-gabriel-gbedeasiwo-tso-mawu-gb%C9%94\/","date":"2017-12-15T13:14:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948569405.78\/warc\/CC-MAIN-20171215114446-20171215140446-00700.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983642101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983642101287842}","num_words":521,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae Israel-viwo ŋlɔ Yehowa ƒe ɖeɖedɔwo be kaba?\nAleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ahalé eme ɖe asi?\nWò susu nenɔ nu geɖe siwo ta nàda akpe na Mawu ɖo la ŋu\nDe ŋugble le nu siwo míele mɔ kpɔm na le etsɔme la ŋu\nDa akpe na Yehowa le gbedodoɖa me ɖe nanewo koŋ siwo wòwɔ na wò la ta","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug22-28\/da-akpe-psalmo-106\/","date":"2018-01-18T03:07:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887054.15\/warc\/CC-MAIN-20180118012249-20180118032249-00588.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972960949,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972960948944092}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Teokrasi ƒe hehe si xɔm Yehowa Ðasefowo le ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ɖe dzesi ŋutɔ. Woɖo suku tɔxɛwo na ame siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã ɖo anyi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, ale be woakpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe \"subɔsubɔdɔ la de goe bliboe.\"—2 Timoteo 4:5.\nMɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku. Ne ame aɖe wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka la, wokpenɛ be wòade suku sia ŋkeke ade le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le woƒe nutoa me. Sukua ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mɔɖelaa ŋu wòate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, wòagabi ɖe ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa vovovoawo katã me, eye wòayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe.\nFiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku. Woɖo suku sia si xɔa ɣleti eve be woatsɔ ana hehe mɔɖela bibi siwo di be yewoaʋu ayi aɖasubɔ le afi sia afi si wohiã woƒe kpekpeɖeŋu le la. Ame siawo gblɔna be, \"Nyee nye esi, dɔm!\" eye woƒe nɔnɔme nyui sia nye Yesu Kristo, ame si nye Nyanyuigblɔla gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ la, ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. (Yesaya 6:8; Yohanes 7:29) Be woaʋu ayi aɖanɔ nuto bubu me biana be woanɔ agbe tsɛ. Ele be woatrɔ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ, yame ƒe nɔnɔme kple nuɖuɖu yeyewo ŋu. Ehiãna be woasrɔ̃ gbe yeyewo gɔ̃ hã. Suku sia le kpekpem ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo kpakple srɔ̃tɔwo siaa, siwo xɔ tso ƒe 23 va se ɖe ƒe 65, ŋu be woasrɔ̃ nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu, siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe dɔdeasia wɔwɔ me. Egakpena ɖe wo ŋu hã be woatu ŋutete siwo ana Yehowa kple eƒe habɔbɔa nazã wo geɖe wu la ɖo.\nGbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku. Le Hebrigbe me la, \"Gilead\" gɔmee nye \"Ðaseɖiɖikpekɔ.\" Tso esime woɖo Gilead sukua le ƒe 1943 me la, wona hehe dutanyanyuigblɔla siwo wu 8,000 be woayi aɖaɖi ɖase \"va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke,\" eye wole dzidzedze geɖe kpɔm. (Dɔwɔwɔwo 13:47) Hafi suku sia nuwulawo naɖo Peru la, hame aɖeke menɔ dukɔa me o. Fifia hame siwo le afi ma sɔ gbɔ wu 1,000. Esi míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ɖo Japan teti la, Ðasefo siwo nɔ dukɔa me mede ewo gɔ̃ hã o. Fifia wosɔ gbɔ wu 200,000. Gilead suku si xɔa ɣleti atɔ̃ la delawo srɔ̃a Mawu ƒe Nya la tsitotsito. Wokpea mɔɖela veviwo alo ame siwo le nya nyuia gblɔm le duta, ame siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒewo, alo nutome sue dzikpɔlawo be woade suku sia. Woxɔa hehe deto si nana woagabina nyuie, ale be woana xexea me katã ƒe dɔa nali ke ahakpɔ dzidzedze.\nNu kae nye Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu?\nAme kawoe woɖo Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua na?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/sukuwo-na-m%C9%94%C9%96elawo\/","date":"2018-01-19T14:00:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887981.42\/warc\/CC-MAIN-20180119125144-20180119145144-00332.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988922477,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988922476768494}","num_words":425,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nMoldova (Moldovie)\nOrganizatia Religioasa a Martorilor lui Iehova din Republica Moldova\nPO Box 472\nMD-2005 CHISINAU\nREPUBLIC OF MOLDOVA\n+373 22-22-86-26\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/moldova\/","date":"2018-01-21T07:39:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890314.60\/warc\/CC-MAIN-20180121060717-20180121080717-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994750619,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994750618934631}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SAUL gadze agbagba be yeƒe asi nasu Dawid dzi. Eɖe eƒe aʋawɔla nyuitɔwo dometɔ 3,000 heyi edi ge. Esi Dawid se esia la, edɔ ŋkutsalawo be woaɖadi afisi Saul kple eƒe amewo ƒu asaɖa anyi ɖo le zã me la. Emegbe Dawid bia eƒe amewo dometɔ eve be: 'Mia dometɔ kae ayi Saul ƒe asaɖa me kplim?'\nAbisai ɖo ŋu be: 'Mayi.' Abisai nye Dawid nɔvinyɔnu Zeruya ƒe viŋutsu. Esi Saul kple eƒe amewo le alɔ̃ dɔm la, Dawid kple eƒe amewo ta minyaminya yi ɖe asaɖa la me. Wokɔ Saul ƒe akplɔ kple eƒe tsigoe, si le eƒe ta gbɔ tututu la. Esi wònye wo katã dɔ alɔ̃ tsiɖitsiɖi ta la, ame aɖeke mekpɔ wo alo se wo ŋkɔ o.\nKpɔ Dawid kple Abisai ɖa. Wosi dzo ɖatsi tre ɖe to aɖe tame dedie. Dawid do ɣli ɖo ɖe Israel-ʋakplɔlagã be: 'Abner, nukatae mèle wò aƒetɔ, fia, la ŋu dzɔm o? Kpɔ ɖa! Afikae eƒe akplɔ kple eƒe tsigoe la le?'\nSaul nyɔ. Edze si Dawid ƒe gbe, eye wòbia be: 'Dawid, wòe nye ma?' Èkpɔ Saul kple Abner le afima ɖa?\nDawid ɖo ŋu na Saul be: 'Ẽ, nye aƒetɔ,' eye wògabia be: 'Nukatae nèle didim be yealém? Nuvɔ̃ kae mewɔ? Wò akplɔ lae nye si, O fia. Dɔ wò ame ɖeka ɖa wòava xɔe.'\nSaul ʋu eme be: 'Mewɔ nuvɔ̃. Mewɔ bometsinu.' Tete Dawid trɔ dzo, eye Saul trɔ yi aƒeme. Gake Dawid gblɔ na eɖokui be: 'Saul le wuye ge le ŋkeke siawo me. Ele be masi ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.' Eye wòwɔ nenema. Dawid te ŋu flu Filistitɔwo woxɔ se be azɔ ele yewoƒe akpa dzi.\nƔeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo yi aʋa wɔ ge kple Israel. Wowu Saul kple Yonatan le aʋa la me. Esia wɔ nublanui na Dawid ŋutɔ, eye wòŋlɔ ha vivi aɖe, si wòdzi be: 'Wò nu vem ŋutɔ, nɔvinye Yonatan. Wò nu dze ŋunye ŋutɔ!'\nEsia megbe la, Dawid trɔ yi Israel le Hebron-du me. Le afima la, aʋa dzɔ ɖe amesiwo tia Saul ƒe vi Is-Boset be wòanye fia la, kple ame bubu, siwo di be Dawid nanye fia la dome. Gake mlɔeba la, Dawid ƒe amewo ɖu dzi. Dawid xɔ ƒe 30 esime woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe adre kple afã le Hebron. Ŋutsuvi, siwo wodzi nɛ le afima la dometɔ aɖewo ŋkɔe nye Amnon, Absalom kple Adoniya.\nƔeyiɣi aɖe ɖo esime Dawid kple eƒe amewo yi be yewoaxɔ du nyui aɖe, si nye Yerusalem la. Yoab, si nye Dawid nɔvinyɔnu Zeruya ƒe viŋutsu bubu lae nɔ ŋgɔ le aʋa la me. Eyata Dawid ɖo eteƒe na Yoab be wòtsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aʋawɔlawo nu. Azɔ Dawid dze fiaɖuɖu gɔme le Yerusalem.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/david-zu-fia\/","date":"2018-01-22T22:51:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891543.65\/warc\/CC-MAIN-20180122213051-20180122233051-00054.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995501041,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995501041412354}","num_words":444,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! March 2015 | Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa? Vi Kae Ŋuɖoɖoa Kpɔkpɔ Aɖe Na Wò?\nNya sia ƒe ŋuɖoɖo awɔ nuku na wò.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe nyabiase aɖe si amewo buna be womate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na o alo mehiã o la ƒe ŋuɖoɖo le veviea?\nWATCHING THE WORLD\nZãnuxɔxɔ si womeʋu goe o kple gbenyiwo wuwu manɔsenu sɔ kple wo nɔewo le go aɖe me.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu etɔ̃ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ale be wò kple srɔ̃wò dzilawo dome kuxiwo made masɔmasɔwo mia dome o.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nNu ka tae Brazil ɖeka koe nye Amerika-dukɔ si me Portugalgbe nye gbe vevitɔ le?\nEgbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe nane si wokpɔ dze sii le ƒe 1800-awo me la dzi.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nFefe dzro aɖe ko wònyea?\nWAS IT DESIGNED?\nAgbagblaʋui ƒe to nyaŋui mawo tea ŋu kpena ɖe eŋu wòsea gbeɖiɖi sesẽtɔ kekeake wu xexea me nu gbagbe siwo katã wonya la.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nSe nya siwo sɔhɛ atɔ̃ aɖewo gblɔ tso gbɔdɔnuwɔnawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame kple nu siwo woawɔ ne wodo mo ɖa la ŋu.\nYehowa ɖo nu sia nu ɖe ɖoɖo nu. Kpɔ ale si wò hã nàwɔ anɔ dzadzɛe ɖa!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201503\/","date":"2018-01-19T07:46:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887832.51\/warc\/CC-MAIN-20180119065719-20180119085719-00326.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982438087,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982438087463379}","num_words":205,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpa sia ƒo nu tso Fia Saul kple Fia David ƒe ŋutinya si ƒe didime ade ƒe 80 la ŋu. Le gɔmedzezea la, Saul bɔbɔ eɖokui eye wòvɔ̃a Mawu, gake eteƒe medidi o eƒe nɔnɔme trɔ eye wògbe be yemawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o. Yehowa gbee, eye wògblɔ na Samuel be wòasi ami na David wòazu Israel-fia yeye. Saul si nɔ ŋu ʋãm te kpɔ zi geɖe be yeawu David, gake David meɖo eteƒe nɛ o. Saul viŋutsu Yonatan nya be Yehowa ye tia David, eya ta ewɔ nuteƒe na David. David wɔ nu vɔ̃ gãwo, gake megbe Yehowa ƒe amehehe gbeɖe o. Ne dzilae nènye la kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si wòle vevie be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi.\nLE AKPA SIA\nMawu ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woakplɔ wo, gake wobia be woaɖo fia na yewo. Samuel si ami na Saul be wòanye fia gbãtɔ, gake emegbe Yehowa gbe Saul. Nu ka tae?\nYehowa tia David be wòanye Israel-fia yeye, eye David ɖee fia be yedze nyateƒe.\nNu ka tae ŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka lé fu nɔvia, eye aleke ame si wolé fui la wɔ nui?\nFia viŋutsua dze xɔlɔ̃ David.\nNyametsotso gbegblẽwo wɔwɔ nana wokpea fu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/7\/","date":"2018-01-17T20:24:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886964.22\/warc\/CC-MAIN-20180117193009-20180117213009-00726.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979345798,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979345798492432}","num_words":205,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ðekakpuiwo kple ɖetugbuiwo siaa . . . nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ.\"—PS. 148:12, 13.\nHADZIDZI: 88, 115\n1, 2. (a) Agba kae le dzilawo dzi, eye aleke woate ŋu atsɔe? (b) Nu ene kawo mee míadzro?\nATSU kple asi aɖe si le France gblɔ be: \"Míexɔ Yehowa dzi se gake esia mefia kokoko be mía viwo hã xɔ edzi se o.\" Wogblɔ yi edzi be: \"Menye ɖe wonyia xɔse dome o. Ðe mía viawo nɔa etum ɖo vivivi.\" Nɔviŋutsu Australiatɔ aɖe gblɔ be: \"Anɔ eme be wò agbanɔmedzi sesẽtɔe nye be nàtu viwò ƒe xɔse ɖo. Ele be nàwɔ nu sia nu si akpe ɖe eŋu la ŋu dɔ. Awɔ na wò be yeɖo ye vi ƒe nyabiabia aɖe ŋu nɛ nyuie. Gake kaka nàkpɔa egabia nya ma ke ɣebubuɣi! Ŋuɖoɖo si na wòse nya aɖe gɔme egbea masu nɛ etsɔ o. Ehiã be miagbugbɔ anɔ nyati aɖewo me dzrom edziedzi.\"\n2 Ne dzilae nènye la, ɖe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be yemate ŋu afia nu ye viwo be woalɔ̃ Yehowa ahayi edzi asubɔe le woƒe tsitsime oa? Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia le eɖokui si o. (Yer. 10:23) Gake míate ŋu awɔe ne míena Mawu fia mɔ mí. Na míadzro nu ene siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtu viwòwo ƒe xɔse ɖo la me: (1) Nya viwòwo nyuie. (2) Fia nu siwo tsi dzi me na wò la wo. (3) Wɔ kpɔɖeŋu nyuiwo. (4) Gbɔ dzi ɖi eye nɔ gbe dom ɖa.\nNYA VIWÒWO NYUIE\n3. Aleke dzilawo asrɔ̃ Yesu le nufiafia wo viwo me?\n3 Metso dzika ƒo na Yesu be wòabia eƒe nusrɔ̃lawo nu si dzi woxɔ se o. (Mat. 16:13-15) Srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Anyo be nàbia viwòwo woagblɔ woƒe susu kple seselelãmewo na wò ne miele dze ɖom alo le dɔ wɔm ɖekae. Àte ŋu abia nya wo tso nu siwo dzi womeka ɖo tututu o la hã ŋu. Nɔviŋutsuvi Australiatɔ aɖe si xɔ ƒe 15 la gblɔ be: \"Nye kple Papa míeɖoa dze tso nye xɔse ŋu eye wòkpena ɖe ŋunye medea ŋugble. Ebianam be: 'Nya kae Biblia gblɔ?' 'Ðe nèxɔ nya si wògblɔ dzi sea?' 'Nu ka tae nèka ɖe edzi?' Edina be maɖo eŋu le nye ŋutɔ nye nyagbewo me, ke menye be magbugbɔ nya si eya alo Dada gblɔ dzro ko o. Esi mele tsitsim la, edina be maɖe nu me kpee.\"\n4. Nu ka tae wòle be nàbu viwò ƒe biabiawo nya veviwoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.\n4 Ne viwò gblɔ be yemexɔ nufiafia aɖe dzi se tututu o la, mègablu ɖe eta alo atee kpɔ be yeaʋli nya kplii o. Gbɔ dzi ɖi nàkpe ɖe eŋu wòade ŋugble le nya la ŋu. Dzila aɖe gblɔ be: \"Bu viwò ƒe biabia la nya vevii. Megawɔ na wò be nyamaɖinyae o, eye mègaɖe asi le nyaa ŋu le esi emeɖeɖe ate ŋu sesẽ na wò ta o.\" Nya lae nye be, anyo be nàbui be esi nufiafia ma le vevie na viwòa eye wòdi be yease egɔme tae wòbia nya tso eŋu ɖo. Ðo ŋku edzi be ƒe 12 koe Yesu xɔ evɔ wòbia nya sesẽwo. (Xlẽ Luka 2:46.) Ƒe 15-vi aɖe si le Denmark gblɔ be: \"Esi megblɔ be nyemeka ɖe edzi tututu ne subɔsubɔha vavãtɔ mee míele o la, dzinyelawo mehe nya kplim o, togbɔ be woanya tsi dzi ɖe ŋunye hã. Wozã Biblia tsɔ ɖo nye biabiawo katã ŋu nam.\"\n5. Nu kae dzilawo awɔ be wo viwo nalé xɔse me ɖe asi?\n5 Nya viwòwo nyuie—nya woƒe susu, woƒe seselelãme kple nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo. Megava susu me na wò gbeɖe be, esi wodea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo eye wodea gbeadzi kpli wò ta la, xɔse le wo si o. Miɖo dze tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu, nu ka ke wɔm mieɖale o. Do gbe ɖa kple viwòwo eye nàdo gbe ɖa ɖe wo ta hã. Dze agbagba nànya dodokpɔ siwo me tom wole siwo ate ŋu agbɔdzɔ woƒe xɔse, eye nàkpe ɖe wo ŋu woawɔ avu kpli wo.\nFIA NU SIWO TSI DZI ME NA WÒ LA VIWÒWO\n6. Ne dzilawo ƒã Biblia me nyateƒea ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi me la, aleke wòakpe ɖe wo ŋu le nufiafia wo viwo me?\n6 Yesu ƒe nufiafiawo de dzi gbɔ na amewo, elabe elɔ̃ Yehowa, Eƒe Nya la kple ame siwo wòfiaa nui. (Luka 24:32; Yoh. 7:46) Nenema kee lɔlɔ̃ ana dzilawo ƒe nyawo nade wo viwo ƒe dzi gbɔ. (Xlẽ 5 Mose 6:5-8; Luka 6:45.) Eya ta dzilawo, mido vevie Biblia kple míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃. Misrɔ̃ nu geɖe tso nuwɔwɔwo ŋu eye miaxlẽ nyati siwo le míaƒe agbalẽwo me siwo ƒo nu tso wo ŋu la nyuie. (Mat. 6:26, 28) Esia wɔwɔ aʋu miaƒe susuwo, ana mialɔ̃ Yehowa, eye wòakpe ɖe mia ŋu miasu te afia nu mia viwo.—Luka 6:40.\n7, 8. Ne Biblia me nyateƒea yɔ dzi me na dzilawo la, nu kae wòaʋã wo woawɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.\n7 Ne Biblia me nyateƒea yɔ wò dzi me la, àdi godoo be yeaƒo nu le wo ŋu na wò ƒomea. Wɔ esia ɣesiaɣi, ke menye le Ƒometadedeaguɣi alo ne miele kpekpeawo dzram ɖo ko o. Azɔ hã, mele be numedzodzro siawo nanye dzizizi o, ke boŋ ele be wòatso dzi me faa, eye wòanye dzeɖoɖo. Atsu kple asi aɖe si le Amerika dea ŋugble le Yehowa ŋu ne ƒomea kpɔ nane si nya kpɔ na wo alo le nu vivi aɖe ɖum. Wogblɔ be: \"Míeɖoa ŋku ale si nu sia nu si Yehowa na mí la ɖea eƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiana la dzi na mía viwo.\" Ne ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo le Anyiehe Afrika la kple wo vinyɔnuviwo le dɔ wɔm le abɔ me la, wohea ɖeviawo ƒe susu yia nukunu si wònye be nukuwo miena hetsina la dzi. Wogblɔ be: \"Míedzea agbagba be míakpe ɖe mía viawo ŋu be woade bubu agbea kple ale si wòwɔ nukui la ŋu.\"\n8 Esi vifofo aɖe si le Australia la viŋutsu xɔ abe ƒe ewo ene la, ekplɔe yi blemanudzraɖoƒe aɖe eye wòwɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ do ŋusẽe be wògaxɔ Mawu dzi se geɖe wu be eyae wɔ nuwo. Vifofoa gblɔ be: \"Míekpɔ blema ƒumelã siwo nye abosra ƒomevi aɖe siwo woyɔna be Ammonoid kple trilobite. Ewɔ nuku na mí be blema ƒumelã siawo siwo megali o la nya kpɔ, woƒe wɔwɔme de ŋgɔ ale gbegbe, eye nu sia nu de le wo ŋu abe tɔmelã siwo míekpɔna egbea ene. Eya ta ne ɖe agbe dze egɔme le mɔ tsɛ aɖe ko nu, eye wòva de ŋgɔ vivivi la, ke nu ka tae blema ƒumelã siawo de ŋgɔ ɣemaɣi xoxo? Nya sia ŋu bubu wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye meɖo dze tso eŋu na vinyea.\"\nWƆ KPƆÐEŊU NYUIWO\n9. Nu ka tae kpɔɖeŋuwo wɔa dɔ, eye aleke vidada aɖe wɔ esiae?\n9 Enuenu la, Yesu wɔa kpɔɖeŋu siwo nana amewo bua tame, siwo léa dzi na wo henana nufiamea tsia susu me na wo. (Mat. 13:34, 35) Ðeviwo kpɔa nuwo le susu me. Eya ta dzilawo, miyi edzi mianɔ kpɔɖeŋuwo wɔm na mia viwo ne miele nu fiam wo. Esia tututue vinɔ aɖe si le Japan la wɔ. Esi viaŋutsuvi eveawo xɔ ƒe enyi kple ewo la, efia nu wo tso ya si ƒo xlã anyigbaa kple beléle tɔxɛ si Yehowa tsɔ wɔe la ŋu. Nu si wòwɔe nye be etsɔ nyinotsi, sukli kple kɔfi na wo. Azɔ egblɔ na ɖeviawo dometɔ ɖe sia ɖe be wòaɖo tii kɔpo ɖeka na ye. Egblɔ be: \"Wowɔe beléletɔe. Esi mebia wo be, nu ka tae wogbɔ dzi ɖi ɖe ewɔwɔ ŋu nenema mahã la, wogblɔ be yewodi be kɔfia nanɔ abe ale si tututu medinɛ ene. Meɖe eme na wo be nenema kee Mawu gbɔ dzi ɖi esime wònɔ ya vovovo siwo ƒo xlã míaƒe anyigba la tsakam—[ewɔe wòsɔ] na mí ale gbegbe!\" Kpɔɖeŋu ma nɔ bɔbɔe na ɖeviawo ŋutɔ, eye wòna nusɔsrɔ̃a vivi wo nu tsɔ wu be wòanɔ kplalaa ko. Mewɔ nuku o be womeŋlɔ nufiamea be kpɔ o!\n10, 11. (a) Kpɔɖeŋu kae nàte ŋu azã atsɔ atu viwò ƒe Mawu dzixɔse ɖo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Kpɔɖeŋu kawoe nèzã wòɖe vi?\n10 Àte ŋu azã nu vovovo siwo míetsɔ ɖaa nui be nàkpe ɖe viwò ŋu wòatu eƒe Mawu dzixɔse ɖo. Aleke nàwɔe? Ne èɖa nane alo mè akpɔnɔvi aɖe vɔ la, ɖe akpa si nu vovovo siwo nèzã la wɔna me na viwòa. Azɔ tsɔ atikutsetse aɖe, abe aŋuti ene, nɛ eye nàbiae be: \"Ðe nènya be 'nanewoe ƒo ƒu' zu aŋutia?\" Eyome fe aŋuti la me ɖe eve eye nàtsɔ ku ɖeka nɛ. Àte ŋu aɖe eme nɛ be \"woŋlɔ\" nu siwo aƒo ƒu azu aŋuti la ɖe eƒe kua me, gake esia de ŋgɔ wu nuɖaɖa ƒe mɔfiame siwo woŋlɔna ɖe nuɖagbalẽ me. Àte ŋu agabiae be \"Ne ame aɖee ŋlɔ mɔfiame siwo le nuɖagbalẽa me la, ke ame kae ŋlɔ mɔfiame siwo le aŋutiku la me?\" Ne vi tsitsi ye la, àte ŋu aɖe eme nɛ be aŋuti, alo aŋutiti bliboa, ƒe mɔfiameawo le domenyiŋusẽfianu (DNA [ADN]) la me. Mi ame evea miate ŋu akpɔ nɔnɔmetata siwo le The Origin of Life (Origine de la vie) ƒe axa 10 va se ɖe 20 gɔ̃ hã.\n11 Dzila geɖewo dzroa nyati si nye \"Ðe Wowɔea?\" si dzena le Nyɔ! me la me kple wo viwo. Ne ɖeviawo metsi o la, dzilawo tea ŋu ɖea nya vevi mawo me na wo le mɔ bɔbɔe nu. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe si le Denmark tsɔ yameʋuwo sɔ kple xeviwo. Wogblɔ be: \"Yameʋuwo ɖi xeviwo. Gake ɖe yameʋuwo ate ŋu aɖa azi ahaƒo yameʋu suewoa? Ðe wòhiã be woado mɔ tɔxɛ na xeviwo be woadze ɖe edzia? Eye ne ètsɔ yameʋu ƒe gbeɖeɖe sɔ kple xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ la, nya kae nàgblɔ? Eya ta ame ka sie nunya le wu—ame siwo wɔ yameʋuwo loo, alo Ame si wɔ xeviwo?\" Numeɖeɖe siawo kple nyabiabia ɖeviwo nyuie ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe \"tamebubuŋutete\" ŋu dɔ ahaxɔ Mawu dzi se geɖe wu.—Lod. 2:10-12.\n12. Aleke kpɔɖeŋuwo akpe ɖe viwò ŋu be wòaka ɖe Biblia dzi?\n12 Kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woaka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe. Míatsɔ Hiob 26:7 awɔ eƒe kpɔɖeŋui. (Xlẽe.) Aleke nàɖee afia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee ŋɔŋlɔ sia tso? Mègagblɔ nyateƒea na viwò dzro ko o. Ke boŋ kpe ɖe eŋu be wòakpɔ nua le susu me. Na wòanya be didiƒekpɔmɔ̃ kple yamenutomeyimɔ̃ menɔ anyi le Hiob ŋɔli o. Azɔ na viwòa naɖe nu si tae wòasesẽ na amewo ɣemaɣi be woaxɔe ase be anyigba sia si lolo alea mele naneke dzi o me na wò. Ðevia ate ŋu azã bɔlu alo kpe atsɔ awɔ kpɔɖeŋu si aɖee afia be ele be nu kpekpe ɖe sia ɖe nanɔ nane dzi. Nufiame si le esia me aʋã viwòa wòakpɔe be Yehowa na woŋlɔ nyateƒenyawo ɖe Biblia me ƒe gbogbowo hafi amegbetɔwo va ke ɖe wo ŋu.—Neh. 9:6.\nNA WOAKPƆ ASIXƆXƆ SI LE BIBLIA ƑE MƆFIAMEWO ŊU\n13, 14. Aleke nàkpe ɖe viwò ŋu be wòalɔ̃ azɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia dzi?\n13 Ele vevie ŋutɔ be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ asixɔxɔ si le Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu. (Xlẽ Psalmo 1:1-3.) Mɔ geɖewo li siwo dzi nàto awɔ esia. Àte ŋu agblɔ na viwò be, nekpɔe le susu me be yeyina ƒukpo aɖe dzi nɔ ge, eye ehiã be yeatia ame aɖewo be woanɔ afi ma kpli ye. Eyome biae be, \"Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ ameawo dometɔ ɖe sia ɖe si ale be wo katã woate ŋu anɔ anyi le ŋutifafa me eye wo dome navivi?\" Miate ŋu adzro mɔfiame siwo me nunya le siwo le Galatiatɔwo 5:19-23 hã me.\n14 Kpɔɖeŋu sia ate ŋu afia nu vevi eve viwòa. Gbã la, Mawu ƒe dzidzenuwo naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa mía dome. Evelia, Yehowa le nu fiam mí fifia hele mía dzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu. (Yes. 54:13; Yoh. 17:3) Azɔ hã, miate ŋu axlẽ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo le míaƒe agbalẽwo me be viwòa nakpɔ ale si Biblia kpe ɖe mía nɔviwo ŋui. Miate ŋu atia nyati siwo nye \"Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm\" siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ me enuenu. Alo ne miaƒe hamea me tɔ aɖe wɔ tɔtrɔ gãwo be yeƒe nu nadze Yehowa ŋu la, àte ŋu akpee be wòava gblɔ eƒe ŋutinya na ƒomea. Kpɔɖeŋu siawo nana míekpɔnɛ be Biblia me nyawo le agbe!—Heb. 4:12.\n15. Nu kae nàwɔ be nàfia nu viwòwo nyuie?\n15 Nu si míewɔnɛ ye nye esi: Ne èle nu fiam viwòwo la, na wòavivi wo nu. Wɔ aɖaŋu ŋu dɔ. Na ɖeviawo nabu tame, gake woƒe ƒexɔxɔ nenɔ susu me na wò. Na nusɔsrɔ̃a nadzɔ dzi na wo eye wòatu woƒe xɔse ɖo. Vifofo aɖe gblɔ be: \"Mègadzudzɔ mɔnu yeye siwo dzi miato adzro nyati siwo me miedzro xoxo me la didi o.\"\nNYE NUTEƑEWƆLA KPLE DZIGBƆÐITƆ, EYE NÀNƆ GBE DOM ÐA\n16. Nu ka tae wòle be nàgbɔ dzi ɖi ne èle nu fiam viwò? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.\n16 Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔa hafi atu xɔse sẽŋu ɖo. (Gal. 5:22, 23) Abe atikutsetse ŋutɔŋutɔ ene la, exɔa ɣeyiɣi hafi xɔse tsina. Eya ta ele be nàgbɔ dzi ɖi eye nàku kutri le nufiafia viwòwo me. Japan ŋutsu aɖe si si vi eve le gblɔ be: \"Nye kple srɔ̃nye míekpɔa vovo ɖe mía viwo ŋu ŋutɔ. Tso esime wonye vi fẽwo la, mesrɔ̃a nu kpli wo miniti 15 gbe sia gbe, ŋkeke siwo dzi míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo koe to le eme. Miniti 15 metia míawo alo woawo o.\" Nutome sue dzikpɔla aɖe hã gblɔ be: \"Esi menye ƒewuivi la, biabia kple nu siwo dzi nyemeka ɖo o geɖe nɔ susu me nam siwo dzi memia nu ɖo. Gake esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔ esiawo ƒe ŋuɖoɖowo le kpekpeawo alo ƒomenusɔsrɔ̃ alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Esia tae wòle vevie be dzilawo nayi edzi anɔ nu fiam wo viwo.\"\n17. Nu ka tae dzilawo ƒe kpɔɖeŋu le vevie, eye aleke ŋutsu aɖe kple srɔ̃a wɔe?\n17 Eya ta xɔse ƒe kpɔɖeŋu si nèɖona le vevie ŋutɔ. Viwòwo alé ŋku ɖe wò nuwɔna ŋu, eye woawo hã woasrɔ̃e. Dzilawo, miyi edzi mianɔ miaƒe xɔse tum ɖo. Mina mia viwo nakpɔe be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na mi vavã. Ɣesiaɣi si atsu kple asi aɖe si le Bermuda le kuxi aɖe me tom la, wo kple wo viwo doa gbe ɖa ɖekae biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye wodea dzi ƒo na wo viawo be woado gbe ɖa le wo ɖokui si. Wogblɔ be: \"Míegblɔna na mía vinyɔnu tsitsitɔ be, 'Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, do vevie Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa, eye mègatsi dzi fũu o.' Ne nu nyuiwo do tso eme la, ekpɔnɛ be Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu. Esia de agbe yeye eme wògaxɔ Mawu kple Biblia dzi se geɖe wu.\"\n18. Nu vevi kae wòle be dzilawo nade dzesii?\n18 Le wo katã me la, màte ŋu azi ɖevia dzi be wòatu xɔse ɖo o, eya ŋutɔe awɔe. Abe dzila ene la, àte ŋu aƒã nya la ɖe dzi me nɛ ahade tsii. Gake Mawu koe ate ŋu ana wòatsi. (1 Kor. 3:6) Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa, eye nàku kutri afia nu viwò malɔ̃nugbɔawo, elabena ne èwɔ esia la, Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi.—Ef. 6:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-september-2016\/dzilawo-mitu-mia-viwo-%C6%92e-x%C9%94se-%C9%96o\/","date":"2018-01-17T20:23:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886964.22\/warc\/CC-MAIN-20180117193009-20180117213009-00726.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990454912,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990454912185669}","num_words":2478,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE GEÐEE nye esi va yi la, yonyemetɔ Araceli do ɣli ɖe tanye kple dziku be: \"Dzudzɔ nya ma. Nyemedi be mase nya aɖeke tso miaƒe subɔsubɔ ma ŋu o. Ekua dzi nam ŋutɔ. Te ɖa le gbɔnye!\" Eƒe nyawo te ɖe dzinye vevie. Mexɔ ƒe 91 fifia eye megaɖoa ŋku nya mawo dzi kokoko. Gake abe ale si Nyagblɔla 7:8 gblɔe ene la, \"nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.\"—Felisa.\nFelisa: Wodzim ɖe ƒome dahe aɖe me le Spania. Katolikotɔwoe míenye, eye ƒomea doa vevie mawusubɔsubɔ. Míaƒe ƒometɔ 13 sɔŋ nye fadawo alo wɔa dɔ na sɔlemehaa. Nɔnye ƒe nɔgã viŋutsu aɖe nye fada kple nufiala le Katoliko suku aɖe. Esi wòku la, Papa John Paul II (alo, Jean-Paul II) gblɔ be woaɖoe ame kɔkɔe. Tɔnye nye gbede, eye nɔnye wɔa agbledɔ. Mí ame enyi ye wodzi, eye nyee nye tsitsia.\nDukɔmeviʋa dze egɔme le Spania esi mexɔ ƒe 12. Le aʋaa megbe la, wode tɔnye gaxɔ me le esi wòƒoa nu tsia tre ɖe dziɖuɖua ŋu ta. Mía dzi kpɔkpɔ va nɔ sesẽm na nɔnye. Eya ta ekplɔ yonyemetɔ etɔ̃ siwo nye Araceli, Lauri kple Ramoni yi Katoliko sistakpɔme (alo, sistaƒeme) le Bilbao-dugã me. Woakpɔ nu aɖu le afi ma ya teti.\nAraceli: Ɣemaɣi mexɔ ƒe 14, Lauri xɔ ƒe 12, eye Ramoni xɔ ƒe 10. Míesusua míaƒe ƒomea ŋutɔ. Dɔ si wode mía si le sistakpɔme ye nye be míadzra teƒea ɖo. Le ƒe eve megbe la, sista (alo, ma sœur) siawo ɖo mí ɖe sistakpɔ gã aɖe si le Zaragoza, si nye ame tsitsiwo dzikpɔƒe, la me. Wonana míewɔa dɔ sesẽ hedzraa nuɖaƒea ɖo, eye ɖeɖi tea mía ŋu belibeli.\nFelisa: Esi yonyemetɔwo yi Zaragoza la, nɔnye kple nyruinye si nye nutoa me fada ɖoe be yewoakplɔ nye hã ayi afi ma. Woƒe susue nye be mabu le ŋutsuvi aɖe si lɔ̃ nye nya gbɔ la ƒe ŋkuta. Menɔ mɔ kpɔm vevie be mayi sistakpɔa me elabe melɔ̃ Mawu. Medea tsɔtsi ɣesiaɣi eye wòdzroam be mava zu Katolikotɔwo ƒe mawunyagblɔla le Afrika abe nɔɖinye viŋutsu ene.\nGake esi meva ɖo sistakpɔa me la, mekpɔe be nyemate ŋu awɔ nu geɖe si dim menɔ o. Sistawo melɔ̃ ɖe edzi be mayi aɖasubɔ Mawu le dukɔ bubu me abe ale si mekpɔ mɔe ene o. Eya ta metrɔ yi aƒe le ƒe ɖeka megbe heva nɔ nyruinye si nye fada la gbɔ. Mewɔa aƒemedɔwo nɛ, eye nye kplii míezãa Rosario tsɔ doa gbe ɖa fiẽ sia fiẽ. Melɔ̃a seƒoƒowo ɖoɖo nyuie ɖe tsɔtsixɔa me kple atsyɔ̃ɖoɖo na Maria kple \"ame kɔkɔewo\" ƒe kpetatawo.\nAraceli: Le Zaragoza la, meka atam gbãtɔ si ana mava zu sista. Emegbe sistawo ɖoe be yewoama nye kple nɔvinyeawo dome. Eya ta woɖom ɖe sistakpɔme le Madrid eye woɖo Lauri ɖe Valencia. Gake Ramoni ya kpɔtɔ nɔ Zaragoza. Le Madrid la, meka atam evelia be mazu sista. Ame geɖewo va tsia sistakpɔa me, wo dometɔ aɖewo nye sukuviwo kple ame tsitsiwo. Eya ta vovo menɔa mía ŋu kura o. Mewɔa dɔ le sistawo ƒe dɔnɔkɔdzi.\nMenɔ mɔ kpɔm vevie na nu siwo mawɔ abe sista ene. Mesusu be míazã ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu. Gake mekui wòɖuɖu. Ame aɖeke mexlẽa Biblia kaka ahayi nu ƒo ge tso Mawu alo Yesu ŋu o. Mesrɔ̃ Latingbe, eye mesrɔ̃ nu tso Katolikotɔwo ƒe \"ame kɔkɔewo\" ŋu hesubɔa Maria. Gake míezãa ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe dɔ sesẽwo wɔwɔ ŋu.\nNɔnɔmea te ɖe dzinye eye metsi dzimaɖi. Ewɔ nam be ɖe wòle be mawɔ dɔ si ana makpɔ ga akpe ɖe nye ƒomea ŋu tsɔ wu be manɔ afi sia anɔ dɔ wɔm kɔ ɖe kotoku me na ame bubuwo. Eya ta megblɔ na míaƒe sistagã be medi be madzo. Gake elém tu ɖe xɔ sue aɖe me. Esusu be tohehe sia ana matrɔ susu atsi anyi.\nSistawo ɖem le xɔ suea me, gake esi wokpɔ be meɖoe kplikpaa be madzo la, wogatum ɖe xɔ suea me ake. Wowɔ esia zi etɔ̃, eyome wogblɔ nam be mate ŋu adzo ne meŋlɔ nya siawo ɖi: \"Mele dzodzom le afi sia le esi medi be masubɔ Satana ke menye Mawu o ta.\" Ðeko melulu. Medi vevie be madzo gake menye to nya mawo ŋɔŋlɔ dzi o. Mlɔeba, megblɔ nya sia nya na nunɔla aɖe. Ebia mɔ le bisiɔp gbɔ eye wogaɖom ɖe Zaragoza sistakpɔme. Esi menɔ afi ma ɣleti ʋɛ aɖewo la, woɖe asi le ŋunye medzo. Le esia megbe kpuie la, Lauri kple Ramoni hã dzo le kpɔa me.\nAGBALẼ SI DE TƆTƆ MÍA DOME\nFelisa: Emegbe meɖe srɔ̃ eye meyi ɖanɔ Cantabria, le Spania. Megadea sɔleme edziedzi. Kwasiɖa aɖe gbe esi meyi gbedoxɔ me la, fada la gblɔ kple dziku be, \"Mikpɔ agbalẽ sia ɖa!\" Etsɔ Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee gbalẽa fia mí. Eye wògblɔ be: \"Ne ame aɖe na agbalẽ sia mi la, mitsɔe vɛ nam alo mitsɔe ƒu gbe!\"\nAgbalẽ ma menɔ asinye o, gake medi vevie be ɖe nasu asinye. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, nyɔnu eve va ƒo ʋɔ nam. Yehowa Ðasefowoe, eye wona agbalẽ siam. Mexlẽ agbalẽ bliboa zã ma me. Esi nyɔnuawo gatrɔ va la, wobiam nenye be madi be yewoasrɔ̃ Biblia kplim, eye melɔ̃.\nMedina ɣesiaɣi be nye nu nadze Mawu ŋu. Eya ta esi mesrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu la, meva lɔ̃e vevie. Medi be magblɔ eŋunya na ame sia ame. Le ƒe 1973 me la, mexɔ nyɔnyrɔ. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, meɖoa dze tso nyateƒea ŋu na nye ƒometɔwo. Gake womelɔ̃na o; vevietɔ nɔvinyenyɔnu Araceli te tɔ ɖe edzi be metra mɔ.\nAraceli: Esi wowɔ fum le sistakpɔa me ta la, dzi kuam vevie eye nye subɔsubɔha meganyoa ŋunye o. Gake megadea sɔleme Kwasiɖagbewo, eye mezãa Rosario tsɔ doa gbe ɖa gbe sia gbe. Medi vevie be manya Biblia, eya ta mebia Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Ɣemaɣie Felisa gblɔ nu siwo wòsrɔ̃ ŋu nya nam. Enɔ dzidzɔ kpɔm ɖe eƒe dzixɔse yeyea ŋu ale gbegbe be mebu be ɖe wòto tagbɔ nɛ. Nye susu mewɔ ɖeka kple etɔ kura o.\nMetrɔ yi Madrid henɔ dɔ wɔm le afi ma, eye emegbe meɖe srɔ̃. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔe be tsɔtsidelawo menɔa agbe ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu o. Eya ta medzudzɔ tsɔtsidede. Nyemegaxɔ \"ame kɔkɔewo\" kple dzo mavɔ ƒe nufiafiawo dzi se o, eye mekpɔe be fada aɖeke mate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake o. Metsɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo nɔ asinye la katã ƒu gbe. Nyemenya ɣemaɣi ne afɔ nyuitɔ ɖem mele ya o. Dzi ɖe le ƒonye, gake meyi edzi do gbe ɖa na Mawu be: \"Medi be manya wò. Kpe ɖe ŋunye dzro!\" Meɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo ƒo ʋɔ nam zi geɖe, gake nyemedea nu eme na wo o. Nyemegaka ɖe subɔsubɔha aɖeke dzi o.\nƔemaɣi nɔvinye Lauri nɔ France, eye Ramoni hã nɔ Spania. Le ƒe 1980 me lɔƒo la, Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Mexɔe se be ɖeko wonɔ wo blem abe Felisa ke ene. Emegbe Angelines, si nye nye aƒelika, va zu xɔ̃nye vevi. Yehowa Ðasefoe eya hã nye. Angelines kple srɔ̃a biam zi geɖe nenye be madi be woasrɔ̃ Biblia kplim. Togbɔ be megblɔ be nyemegatsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o hã la, wokpɔe be medi be manya Biblia. Mlɔeba eglom, megblɔ be: \"Yoo, madi be masrɔ̃ nua ne míelɔ̃ be mazã nye ŋutɔ nye Biblia!\" Biblia gɔmeɖeɖe si nye Nácar-Colunga ye nɔ asinye.\nBIBLIA NA MÍEVA WƆ ÐEKA\nFelisa: Esi mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1973 me la, Ðasefo siwo anɔ abe 70 ene ye nɔ Cantabria ƒe fiadu Santander me. Míezɔa mɔ legbewo hafi ɖoa amewo gbɔ le kɔƒe alafa siwo le nuto mawo me la me. Eya ta míeɖoa bɔs, eye emegbe míeɖoa ʋu suewo yina tso kɔƒe me yi kɔƒe me.\nMesrɔ̃ Biblia kple ame geɖewo eye wo dometɔ 11 xɔ nyɔnyrɔ. Ame siwo mesrɔ̃ nu kplii dometɔ akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo. Eya ta megbɔa dzi ɖi na wo. Abe ale si wònɔ le gonyeme ene la, axɔ ɣeyiɣi hafi woava nya be ɖe yewotra mɔ. Menya be Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea koe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ susu ahanya nyateƒea. (Hebritɔwo 4:12) Srɔ̃nye Bienvenido si nye kpovitɔ tsã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1979 me, eye nɔnye dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eteƒe medidi hafi wòku o.\nAraceli: Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim la, mebui gbã be nyemate ŋu aka ɖe wo dzi o. Gake ʋɛʋɛʋɛ la, nye susu trɔ. Menye Biblia koe Ðasefowo fiaa amewo o, ke wonɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo hã nu. Meva xɔ Yehowa dzi se heka ɖe Biblia dzi, eye esia na mekpɔ dzidzɔ. Nye aƒelikawo de dzesii be mele dzidzɔ kpɔm eye wogblɔ nam be: \"Araceli, tiatia si nèwɔa nyo, lé eme ɖe asi!\"\nMeɖo ŋku edzi be medo gbe ɖa be: \"Yehowa, akpe na wò be nègbɔ dzi ɖi nam, eye nèna mɔnukpɔkpɔ geɖem be meke ɖe nu si dim mele, si nye Biblia me nyateƒea, ŋu mlɔeba.\" Emegbe meɖe kuku na nɔvinye Felisa hã ɖe nya tɔame siwo megblɔ nɛ la ta. Tso ɣemaɣi la, míegahea nya o, ke boŋ míeɖoa dze viviwo tso Biblia me. Le ƒe 1989 me la, mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 61.\nFelisa: Fifia mexɔ ƒe 91. Srɔ̃nye ku, eye nyemegate ŋu le geɖe wɔm o. Gake mexlẽa Biblia gbe sia gbe, eye medea kpekpeawo heɖea gbeƒã ɣesiaɣi si mate ŋui.\nAraceli: Medina be maƒo nu tso Yehowa ŋu na Katoliko fada kple sista ɖe sia ɖe si medo goe, ɖewohĩ esi menɔ wo dome tsã tae. Wo dometɔ aɖewo lɔ̃ míedzro Biblia me eye woxɔ agbalẽwo kple magazinewo. Meɖoa ŋku fada aɖe koŋ dzi. Esi míedzro Biblia me zi ɖeka zi eve aɖewo megbe la, elɔ̃ ɖe nyateƒea dzi. Gake ebiam be: \"Fifia metsi, afi ka yi ge mala? Nu kae nye hameviwo kple nye ƒometɔwo agblɔ?\" Meɖo eŋu nɛ be: \"Ke nu kae Mawu ya agblɔ?\" Nya sia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ eye wòlé blanui. Gake edze abe dzi menɔ eƒo be wòawɔ tɔtrɔ o ene.\nNyemaŋlɔ gbe si gbe srɔ̃nye gblɔ nam be yedi be yeade kpekpea kplim la be akpɔ gbeɖe o. Exɔ ƒe 80 esi wòde kpekpea zi gbãtɔ eye tso ema dzi la, ɖeke metoa eŋu o. Wosrɔ̃ Biblia kplii eye wòzu gbeƒãɖela. Meɖoa ŋku ale si mí ame evea míese vivi le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Srɔ̃nye ku ɣleti eve do ŋgɔ na eƒe nyɔnyrɔxɔgbe.\nFelisa: Esi medze Yehowa subɔsubɔ gɔme la, yonyemetɔ etɔ̃awo tsi tre ɖe ŋunye. Gake woawo hã wova xɔ nyateƒea. Le nyateƒe me la, esia na mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Tso ekema dzi la, míewɔ ɖeka heɖoa dze tso mía Mawu lɔlɔ̃a Yehowa kple eƒe Nya la ŋu! Eye mí katã míele Yehowa subɔm kple dzidzɔ. *\n^ mm. 29 Fifia Araceli xɔ ƒe 87, Felisa xɔ ƒe 91, eye Ramoni xɔ ƒe 83. Wokpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Lauri hã wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe esime wòku le ƒe 1990 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-april-2016\/katoliko-sista-siwo-x%C9%94-nyate%C6%92ea\/","date":"2018-01-16T20:07:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886639.11\/warc\/CC-MAIN-20180116184540-20180116204540-00344.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993200302,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993200302124023}","num_words":1798,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Noa kple eƒe ƒomea kpakple lãwo yi ɖe aɖakaʋu la me. Yehowa tu ʋɔa eye tsia dze dzadza gɔme. Tsia dza ale gbegbe be aɖakaʋu la ho ɖe tsia dzi. Vivivi la, tsia xɔ anyigba blibo la katã dzi. Ame vɔ̃ɖi siwo meyi aɖakaʋua me o la katã ku. Gake Noa kple eƒe ƒomea nɔ dedie le aɖakaʋu la me. Kpɔ ale si gbegbe woakpɔ dzidzɔe be yewoɖo to Yehowae ɖa!\nTsi dza bababa madzudzɔmadzudzɔe ŋkeke 40 kple zã 40. Emegbe tsia va nɔ miemiem vivivi. Mlɔeba aɖakaʋu la va tsi to aɖe tame. Gake tsi gbogbo aɖe ganɔ anyigba dzi le afi sia afi, eya ta Noa kple eƒe ƒomea mete ŋu do go le aɖakaʋu la me enumake o.\nVivivi la, tsia mie keŋkeŋ. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖakaʋu la me wòwu ƒe ɖeka. Azɔ Yehowa gblɔ na wo be woate ŋu ado go le aɖakaʋu la me ava nɔ anyigba si le abe anyigba yeye aɖe ene la dzi. Woda akpe na Yehowa be ekpɔ yewo ta eye wowɔ esia to vɔsasa nɛ dzi.\nYehowa kpɔ dzidzɔ ɖe vɔsa sia ŋu. Edo ŋugbe be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ nu sia nu si le anyigba la dzi azɔ o. Esi wòdi be yeaɖo kpe yeƒe ŋugbedodo sia dzi ta la, ena anyieʋɔ gbãtɔ do ɖe yame. Èkpɔ anyieʋɔ kpɔa?\nEmegbe Yehowa gblɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woadzi vi ayɔ anyigba la dzi.\n\"Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye [amewo mede] dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe.\"—Mateo 24:38, 39","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/2\/noa-%C6%92e-%C6%92omea-tsia-agbe\/","date":"2018-02-19T10:02:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991656542,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991656541824341}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.102,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 10, 2015\nSOUTH KOREA (CORÉE DU SUD)\nLe July (Siamlɔm) 9, 2015 dzi la, Anyiehe Korea (South Korea alo Corée du Sud) ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ nya si asrafo ƒe hehexɔxɔ gbela etɔ̃ aɖewo tsɔ va Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbɔ la le dutoƒo be yeakpɔe ɖa be esɔ le dukplɔsea nu be woahe to na ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ mahã. Nu kawoe aʋã Ʋɔnudrɔ̃ƒea wòakpɔe be gome le dukɔmeviwo si be woagbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta, si ate ŋu ana be Anyiehe Korea nawɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na eƒe dukɔmeviwo? Woto ale si kodzoɖoɖoa yi edzii kple kuxi siwo dze ŋgɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe eme kpuie le video sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/south-korea\/asrafo-%C6%92e-hehex%C9%94x%C9%94-gbelawo-video\/","date":"2018-02-17T21:46:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891807825.38\/warc\/CC-MAIN-20180217204928-20180217224928-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992440939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992440938949585}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.118,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 6 va se ɖe May 3, 2015 la le tata sia me.\n1 Petro 2:21 gblɔ na mí be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. Togbɔ be míede blibo o hã la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmetɔtrɔ?\nNu siwo woŋlɔ ɖi tso Yesu ŋu le Biblia me la nana míedzea si eyama. Kpɔ ale si míate ŋu adze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ le eƒe dzideƒo kple nugɔmesese sɔsrɔ̃ gome.\nÐe Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖe nya nyuia mea? Nu kawoe na gbeƒãɖeɖedɔa nɔ bɔbɔe le ƒe alafa gbãtɔ me wu ɣeyiɣi bubuwo?\nNu kawoe le kpekpem ɖe Yehowa subɔlawo ŋu le ŋkeke siawo me be wole dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me le xexea me godoo?\nWoɖe agbalẽ yeye aɖe ɖe go le Japan si ƒe tanyae nye, Biblia La—Nya Nyui La Abe Ale Si Mateo Ŋlɔe Ene. Aleke wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋui? Nu ka tae wòhiã be woatae?\nMíenya be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ si wòle be míawɔ egbea. Aleke míawɔ be dzo nanɔ mía me ɖe Kristotɔwo ƒe dɔ sia ŋu alo ana dzoa nu nasẽ ɖe edzi gɔ̃ hã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150215\/","date":"2018-02-18T17:49:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812247.50\/warc\/CC-MAIN-20180218173208-20180218193208-00563.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982284904,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982284903526306}","num_words":198,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARIA YI ÐASRà EƑE ƑOMETƆ ELIZABET KPƆ\nEsi mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria, si nye ɖetugbui la be adzi ŋutsuvi si woatsɔ ŋkɔ na be Yesu, ame si anye Fia tegbee la, Maria bia be: \"Aleke nu sia ate ŋu ava eme esi nyemenya ŋutsu o?\"—Luka 1:34.\nÐewohĩ esi Gabriel di be yeakpe ɖe Maria ŋu wòaxɔ yeƒe gbedeasia dzi ase ta la, egblɔ kpee be: \"Kpɔ ɖa, wò ƒometɔ Elizabet si ku nyagã la hã fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge, eye esiae nye ɣleti adelia na eya ame si woyɔna be konɔ la; elabena Mawu ƒe nya aɖeke mado kpo emevava o.\"—Luka 1:36, 37.\nMíekpɔe le nya si Maria tsɔ ɖo eŋu nɛ me be exɔ nya siwo Gabriel gblɔ nɛ la dzi se. Egblɔ be: \"Neva eme nam le wò nya la nu.\"—Luka 1:38.\nEsi Gabriel dzo ko la, Maria dzra ɖo be yeayi aɖasrã Elizabet, ame si kple srɔ̃a Zakariya wole Yudea togbɛ aɖe dzi le afi si gogo Yerusalem la kpɔ. Anye ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe mɔzɔzɔ tso Nazaret ƒe tonuto si me Maria le.\nMaria va ɖo Zakariya ƒe me mlɔeba. Esi wòge ɖe aƒea me la, edo gbe na eƒe ƒometɔ Elizabet. Enumake gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elizabet fũu, eye wògblɔ na Maria be: \"Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! Aleke wòdzɔe be mɔnukpɔkpɔ sia su asinye be nye Aƒetɔ dada va gbɔnye? Kpɔ ɖa, esi mese wò gbedoname ko la, vidzĩ la ti kpo le nye dɔ me kple dzidzɔ.\"—Luka 1:42-44.\nMaria tsɔ akpedada si tso dzi me gblɔ be: \"Nye luʋɔ le Yehowa dom ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ mate ŋu adzudzɔ aseyetsotso ɖe Mawu, nye Xɔla la ŋu o, elabe ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe ame gblɔe nyenye ɖa. Elabena kpɔ ɖa, tso fifia la, dzidzimewo katã ayɔm be dzidzɔtɔ, elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam.\" Míade dzesii be togbɔ be wove Maria nu alea hã la, etsɔ kafukafua katã na Mawu. Egblɔ be: \"Eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eƒe nublanuikpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la dzi tso dzidzime yi dzidzime.\"—Luka 1:46-50.\nGbɔgbɔ ʋã Maria wòyi edzi le Mawu kafum kple nyagblɔɖinyawo be: \"Etsɔ eƒe alɔ wɔ nu dzɔtsuwo, eka ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la hlẽ. Eɖe ŋusẽtɔwo ɖa le zi dzi, eye wòdo ame tsɛwo ɖe dzi; etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo taŋ, ke edo mɔ kesinɔtɔwo ya asi ƒuƒlui. Ekpe ɖe eƒe subɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ nɛ tegbee la dzi, abe ale si wògblɔe na mía tɔgbuiwo, na Abraham kple eƒe dzidzimevi la ene la dzi.\"—Luka 1:51-55.\nMaria nɔ Elizabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene, eye anɔ eme be ekpe ɖe Elizabet ŋu le eƒe fufɔfɔ ƒe kwasiɖa mamlɛ mawo me ŋutɔ. Ðeko wònyo ŋutɔ be nyɔnu nuteƒewɔla eve siawo siwo fɔ fu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la le wo nɔewo gbɔ le ɣeyiɣi sia me!\nAzɔ de dzesi ale si wode bubu Yesu ŋu hafi wodzii gɔ̃ hã. Elizabet yɔe be \"nye Aƒetɔ,\" eye ɖevi si le eƒe dɔ me la 'ti kpo kple dzidzɔ' esi Maria va do teti ko. Gake esia to vovo kura na ale si amewo va wɔ nu ɖe Maria kple vi si wòva dzi la ŋui, abe ale si míakpɔe emegbe ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/wode-bubu-hafi-wodzii\/","date":"2018-03-18T20:21:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645943.23\/warc\/CC-MAIN-20180318184945-20180318204945-00505.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984402061,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984402060508728}","num_words":541,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye ƒe ŋutɔŋutɔe \"Yehowa ƒe amenuveƒe\" la nye o\nYehowa ƒe \"amenuveƒe\" la nye ɣeyiɣi si me wònaa mɔnukpɔkpɔ ame fafawo be woana yeƒe ablɔɖe si wole gbeƒã ɖemee la naɖe vi na wo\nLe ƒe alafa gbãtɔ me la, amenuveƒe la dze egɔme esi Yesu dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le ƒe 29 K.Ŋ., eye wònɔ anyi va se ɖe Yehowa ƒe \"hlɔ̃biaŋkeke\" la dzi esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ.\nLe míaƒe ŋkekea me la, amenuveƒea dze egɔme esi woɖo Yesu zi dzi le dziƒo le ƒe 1914 me eye awu enu kple \"xaxa gã\" la\nYehowa tsɔa \"dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo\" yraa eƒe amewo\nZi geɖe la, ati kɔkɔtɔ kekeake siwo le xexea me la tsina ɖekae le avewo me eye ati siawo kpena ɖe wo nɔewo ŋu\nAti gãwo ƒe kewo ɖoa wo nɔewo tɔ me si wɔnɛ be atiawo lia ke eye wonɔa te ɖe ya sesẽwo nu\nAti kɔkɔwo doa vɔvɔli ɖe ati suewo dzi, eye woƒe aŋgba siwo duduna la zua aɖu na anyigbaa\nKpekpeɖeŋu kple ametakpɔkpɔ siwo amesiamina susɔeawo, siwo nye \"dzɔdzɔenyenye ƒe ati gãwo,\" nana la ɖea vi na nɔvi siwo katã le Kristo hamea me le xexea me godoo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb20-26\/%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3-yehowa-amenuve%C6%92e\/","date":"2018-03-21T17:22:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647671.73\/warc\/CC-MAIN-20180321160816-20180321180816-00662.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985070229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998507022857666}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.327,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa na nunya geɖe Salomo eye wòna mɔnukpɔkpɔ su esi be wòatu gbedoxɔa, gake vivivi la eva trɔ le Yehowa yome. Ne dzilae nènye la, ɖe ale si wòdzɔe be ame siwo le alakpasubɔsubɔ me la va ble Salomo wòtrɔ le Mawu yome la me na viwòa. Eye ɖe ale si Fiaɖuƒea va ma ɖe eve, eye fia vɔ̃ɖiwo na dukɔa va zu xɔsegbelawo kple trɔ̃subɔlawo la hã me nɛ. Le ɣeyiɣi ma me la, woti Yehowa ƒe nyagblɔɖila vavã geɖewo yome eye wowu wo. Fianyɔnu Izebel kplɔ dziehe fiaɖuƒea de alakpasubɔsubɔ me vĩi. Israel-viwo ƒe nu wɔ nublanui ɣemaɣi ŋutɔ. Gake Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe ganɔ Israel-viwo dome, ame siawo dometɔ aɖewoe nye Fia Yehosafat kple nyagblɔɖila Eliya.\nLE AKPA SIA\nMawu wɔ Fia Salomo ƒe biabia dzi nɛ eye wòna mɔnukpɔkpɔ gã bubuwoe.\nIsrael-vi geɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.\nAme kae nye Mawu vavã la? Yehowa loo alo Baal?\nÈsusu be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ wò hã?\nWowɔ nukunu eve le aƒe ma ke me!\nIzebel ɖo nu gbe be yeawu Israel ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nabot ne yeaxɔ eƒe Waingble le esi! Yehowa Mawu kpɔ eƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple nu madzɔmadzɔ si wòwɔ la.\nFia nyui Yehosafat do gbe ɖa na Mawu esime Yudatɔwo ƒe futɔwo do ŋɔdzi na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/","date":"2018-04-24T23:36:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983472824,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998347282409668}","num_words":213,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.211,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Saul wɔ ɖe nu si wòsrɔ̃ la dzi enumake. Nu ka tae Saul wɔ nu kpata evɔ ame bubuwo ya mewɔ nu alea o? Elabe evɔ̃ Mawu wu amegbetɔ eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe ale si Kristo kpɔ nublanui nɛ ŋu. Ne èle Biblia srɔ̃m gake mèkpɔ xɔ nyɔnyrɔ haɖe o la, ɖe nàsrɔ̃ Saul ƒe kpɔɖeŋua awɔ ɖe nu siwo srɔ̃m nèle la dzia?\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nYometila Sẽŋuta Aɖe Va Zu Gbeƒãɖela Si Me Dzo Nɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec3-9\/yometila-s%E1%BA%BD%C5%8Buta-a%C9%96e-va-zu-gbe%C6%92%C3%A3%C9%96ela\/","date":"2018-11-20T20:19:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039746639.67\/warc\/CC-MAIN-20181120191321-20181120213321-00329.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987593889,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998759388923645}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"FEBRUARY 11, 2013\nRUSSIA\nLe April 16, 2012 dzi le Perm-du si le Russia ƒe titina me la, wodo fe na Aleksandr Solovyov si nye Yehowa Ðasefo be wòaxe ga home ruble 1,000 (si ade Amerika dɔlar 30) ɖe 'subɔsubɔwɔna si ŋu womeɖe mɔ ɖo o wɔwɔ' le akpata aɖe si wohaya me ta.\nNutomeʋɔnudrɔ̃laa te fli ɖe fɔ si wobu Solovyov la me esi wòɖo to nyuie se \"nya siwo wotsɔ ɖe eŋu\" le ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ la vɔ, eye wòte fli ɖe fe si wodo nɛ hã me.\nƲɔnudrɔ̃laa xlẽ eƒe nyametsotsoa eye wòtrɔ ɖe ɖasefo si wòtso afia na la ŋu gblɔ be: \"\nTogbɔ be wotrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta tu eye nyadrɔ̃la aɖewo bu fɔ wò le esi wolé fu mi ta hã la, mímegale ƒe 1937 me esime wotea ŋu ŋea aɖaba ƒua nyateƒenya siwo dze kɔtɛe la dzi bɔbɔe o. Miaƒe nufiafiadɔ nena míaƒe dukɔmeviwo nanɔ agbe dzadzɛ nɔm ahanɔ nu dzɔdzɔe wɔm geɖe wu.\"\nLe July 1937 me la, Soviet dziɖuɖua ƒe akpasesẽdziɖula Stalin de Se 00447, si na nu dziŋɔwo wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi aɖe dze gɔme. Woléa ame siwo wobu be woƒe susu mewɔ ɖeka kple dziɖuɖua tɔ o hedrɔ̃a ʋɔnu manyatalenu wo. Dziɖuɖu ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be woɖo ame akpe geɖewo ɖe gaxɔ siwo me wowɔa dɔ sesẽ le me eye wobu fɔ ame 300,000 kple edzivɔwo hetso kufia na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/wote-fli-%C9%96e-%CA%8B%C9%94%CC%83nud%C9%94dr%C9%94%CC%83-me\/","date":"2019-01-22T05:19:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583826240.93\/warc\/CC-MAIN-20190122034213-20190122060213-00189.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975426197,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975426197052002}","num_words":220,"character_repetition_ratio":0.011,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa enye kplolanye!.mp3\nPlay Download\nYehowa enye nye kplorla nyui.mp3\nYEHOWA NYE KPLOLANYE.mp3\n240 Yehowa enye kplɔlanye 1.mp3\nnye yehowa xolo 03.mp3\nWenzy Yehowa nye Kplorlanye.mp3\nYESU ENYE MO LA.mp3\nKplorla nyui ade.mp3\nawoawo.com.mp3\nKplola nyui ade (Bon Berger).mp3\nRIP frere Eyram Tsogbe Tsogbe. Supportons-nous dans les moments difficiles.mp3\nMile be na deviwo!.mp3\nAmelemiassi.mp3\n55 Kpɔ ɖa Yesu ƒe 'vayi ɖo 1.mp3\nAPETO PE GBODEME KPLE DZIDZO NENO KPLE MIAKATAAA!.mp3\nAgbadza.mp3\nMe Deme Yesu.mp3\newe music 04.mp3\nmp3 - Download free mp3 music and songs, Play online","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-22","url":"http:\/\/yxemp3.live\/mp3\/yehowa-enye-kplolanye.html","date":"2019-05-21T22:58:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-22\/segments\/1558232256586.62\/warc\/CC-MAIN-20190521222812-20190522004812-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9925625324,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9925625324249268}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.155,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.97,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE MARCH 26, 1937, dzi la, ŋutsu eve aɖewo siwo ŋu mɔzɔzɔ te ɖeɖi belibeli la ku woƒe agbatsɔʋu si ƒo ɖi kpanyakpanya la blewublewu va Sydney dua me le Australia. Tso esime wodze mɔ tso dugãa me ƒe ɖeka ye nye ema la, wozɔ mɔ kilometa 19,300 sɔŋ to nuto saɖeaga dzekpodzeʋeewo me le Australia anyigbagã la dzi. Menye duyeyedilawo alo tsaɖilawo wonye o. Mɔɖela dovevienu siwo ɖoe kplikpaa be yewoatsɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia ayi na amewo le Australia anyigbagã la ƒe nuto saɖeagawo me koe ŋutsu eve mawo siwo ŋkɔwoe nye Arthur Willis kple Bill Newlands nye.\nTso esime nyateƒea ɖo Australia ʋuu keke va ɖo ƒe 1920-awo me la, ƒuta dugãwo kple du suewo me koŋue Biblia Nusrɔ̃vi * ʋɛ siwo nɔ Australia la ɖea gbeƒã nya nyuia le. Australia ƒe nuto siwo metsɔ ƒu gbɔ o la nye nuto saɖeaga siwo ƒu kplakplakpla, eye nuto mawo lolo wu Amerika-nyigba ƒe afã. Ke hã, nɔviawo nyae be ele be Yesu yomedzelawo naɖi ɖase le eyama ŋu \"va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke,\" eye Australia ƒe nuto saɖeagawo hã le eme. (Dɔw. 1:8) Gake aleke woawɔ akpe anyigba gã ma ɖo? Esi woxɔe se tso dzi blibo me be Yehowa ayra ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo dzi ta la, woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui.\nMƆÐELAWO ÐE MƆA\nLe ƒe 1929 me la, hame siwo nɔ Queensland kple Western Australia la trɔ asi le agbatsɔʋuwo ŋu etɔxɛe hena mɔ legbeewo zɔzɔ kple susu be yewoaɖaɖe gbeƒã nya nyuia le saɖeaganutowo me. Nɔviŋutsu mɔɖela siwo le lãmesẽ me, siwo ate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye woate ŋu adzra ʋuawo ɖo ne wogblẽ lae zã ʋuawo tsɔ yi dɔa gbe. Mɔɖela siawo yi nuto geɖe siwo me womeɖe gbeƒã nya nyuia le kpɔ o la me.\nMɔɖela siwo ŋu ŋutete mele be woaƒle ʋu o la do gasɔ yi nuto saɖeagawo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1932 me la, Bennett Brickell si xɔ ƒe 23 la, dze mɔ tso Rockhampton, Queensland, eye wòɖe gbeƒã ɣleti atɔ̃ sɔŋ yi keke saɖeaganuto siwo le dukɔa ƒe dziehe gome la me. Etsɔ kuntruwo, awuwo, nuɖuɖu kple agbalẽ gbogbo aɖewo do agba na eƒe gasɔa. Esi gasɔa ƒe tayawo gbã la, eyi mɔzɔzɔa dzi kple kakaɖedzi be Yehowa afia mɔ ye. Etutu gasɔa le mɔzɔzɔa ƒe akpa mamlɛa si didi kilometa 320 la to nuto siwo me tsikɔ wu amewo woku le kpɔ la me. Le ƒe 30 me la, Nɔviŋutsu Brickell zã gasɔ, dzokeke kple ʋu tsɔ zɔ mɔ kilometa akpe alafa geɖe yi Australia dukɔ bliboa ƒe teƒeteƒewo. Etsɔ nya nyuia yi na Australia-vidzidziwo eye wòkpe asi ɖe eŋu woɖo hame yeyewo. Ame geɖe va nyae nyuie le saɖeaganuto mawo me eye wodea bubu eŋu.\nWOÐU KPLAMATSƐDONUWO DZI\nLe dukɔ ƒe lolome gome la, Australia nye dukɔ siwo me amewo le ʋɛ wu le xexea me la dometɔ ɖeka, eye amenɔƒewo dome didi ŋutɔ tso wo nɔewo gbɔ le saɖeaganutoawo me. Eya ta, Yehowa ƒe amewo ku kutri vevie ke ɖe amewo ŋu le anyigbagã la ƒe nuto saɖeagawo me.\nMɔɖela siwo ŋkɔwoe nye Stuart Keltie kple William Torrington hã ku kutri nenema. Le ƒe 1933 me la, wotsò Simpson Gbegbe gã si nye ke sɔŋ la yi ɖaɖe gbeƒã le du si nye Alice Springs, si le Australia-nyigbaa titina. Esi woƒe ʋu suea gblẽ tsi mɔ dzi la, Nɔviŋutsu Keltie si ƒe afɔ ɖeka nye afɔ wɔwɔe la, do kposɔ tsɔ yi mɔzɔzɔa dzi yi ɖaɖe gbeƒã! Kutsetse nyuiwo do tso mɔɖela siawo ƒe agbagbadzedzewo me esi woɖi ɖase na Charles Bernhardt si si amedzrodzeƒe le le William Creek, si nye ketekedzeƒe saɖeaga aɖe. Eva xɔ nyateƒea, edzra eƒe amedzrodzeƒea, eye eya ɖeka yi ɖawɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 15 sɔŋ le Australia ƒe nuto siwo tso abo wu, siwo me ƒu kplakplakpla la dometɔ aɖewo me.\nEdze ƒãa be mɔɖela gbãtɔ mawo hiã dzinɔameƒo kple kutrikuku be woaɖu kplamatsɛdonu geɖe siwo wodo goe la dzi. Edzɔ ɣeaɖeɣi be Arthur Willis kple Bill Newlands siwo ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la kpe fu ŋutɔ le kilometa 32 ƒe mɔ aɖe si wozɔ kwasiɖa eve sɔŋ la me, elabena tsi gã aɖe dza si wɔe be gbegbe gã ma zu ba ɖeɖe sɔŋ. Ɣeaɖewoɣi hã, wotutua woƒe agbatsɔʋua toa ke si li kɔ ɖi zu kpo gãwo la dzi, to bali siwo me agakpewo le kple tɔʋu siwo me yɔ kple ke sɔŋ la me esime wote fifia vlevlevle le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Woƒe ʋua gblẽna edziedzi, eye ne edzɔ alea la, wozɔna alo doa gasɔ ŋkeke geɖe yia du si tsɔ wo gbɔ wu la me, eye wolalana le afi ma kwasiɖa aɖewo va se ɖe esime ʋua ƒe akpa si gblẽ, si wodɔ la va ka wo si. Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ alea gbegbe hã la, dzi meɖe le wo ƒo o. Emegbe esi Arthur Willis gbugbɔ nɔ The Golden Age ƒe magazine (si nye Nyɔ! fifia) la me nya aɖe gblɔm la, egblɔ be: \"Mɔ aɖeke megblẽ akpa alo didi akpa o.\"\nCharles Harris si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe la gblɔ be teƒe tsoabowo nɔnɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo me yeto le nuto saɖeaga mawo me na yete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Egblɔ kpee be: \"Agbea nyona sãsãsã wu ne nu ʋɛ aɖewo koe le ame si le agbe me. Ne Yesu lɔ̃ faa mlɔ gota le zã me le hiahiãa nu la, ke ele be míawo hã míalɔ̃ kple dzi blibo awɔe nenema ne míaƒe subɔsubɔdɔa na wòva hiã.\" Nu ma tututue mɔɖela geɖewo wɔ. Woƒe kutrikuku alea tse ku geɖe, elabena ewɔe be nya nyuia ɖo anyigbagã ma ƒe teƒeteƒewo, si wɔe be ame geɖe va nɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-february-2017\/m%C9%94-a%C9%96eke-megbl%E1%BA%BD-alo-didi-akpa-australia-sa%C9%96eaganutowo\/","date":"2019-06-19T21:09:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999041.59\/warc\/CC-MAIN-20190619204313-20190619230313-00307.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990421534,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990421533584595}","num_words":940,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɛ̃, mí Yehowa Ðasefowo míenoa atike, eye míelɔ̃na wowɔa atike na mí le kɔdzi. Togbɔ be míeléa be na mía ɖokui, eye míedzea agbagba be míanɔ lãmesẽ me hã la, \"míehiãa ɖɔkta\" ɣeaɖewoɣi. (Luka 5:31, Easy-to-Read Version) Le nyateƒe me la, abe ale si wònɔ le Luka Kristotɔ si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, Yehowa Ðasefo aɖewo hã nye ɖɔktawo.—Kolosetɔwo 4:14.\nKe hã, dɔdamɔnu aɖewo li siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o, eye míelɔ̃na wozãa esiawo na mí o. Le kpɔɖeŋu me, míelɔ̃na wodoa ʋu na mí o, elabena Biblia meda asi ɖe edzi be woado ʋu atsɔ atu ŋutilã ɖo o. (Dɔwɔwɔwo 15:20) Nenema kee Biblia meda asi ɖe dɔdamɔnu siwo lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme dzi o.—Galatiatɔwo 5:19-21.\nKe hã, dɔdamɔnu gbogbo aɖewo li siwo metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Eya ta ame ŋutɔe atia dɔdamɔnu si wòdi la. Yehowa Ðasefo aɖe ate ŋu alɔ̃ be woazã dɔdamɔnu aɖe na ye, ke hã Ðasefo bubu ya malɔ̃ be woazã ema na ye o.—Galatiatɔwo 6:5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/yehowa-%C9%96asefowo-d%C9%94dam%C9%94nu\/","date":"2019-06-20T11:23:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999210.22\/warc\/CC-MAIN-20190620105329-20190620131329-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987140894,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987140893936157}","num_words":170,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JANUARY (DZODZE) 28, 2016\nAZERBAIJAN\nWoɖe asi le aƒenɔ Irina Zakharchenko kple aƒenɔ Valida Jabrayilova ŋu mlɔeba le January (Dzove) 28, 2016 dzi esi wonɔ ga me ɣleti 11 sɔŋ vɔ megbe. Ʋɔnudrɔ̃la Akram Gahramanov bu fɔ wo hedo fe gã aɖe (ga home manat 7,000 alo euro 3,932) na wo le esi wona mawusubɔsubɔgbalẽ ɖeka ame aɖe ta. Eyome ʋɔnudrɔ̃la ŋutɔ te fli ɖe ga si woka na nyɔnuawo be woaxe la me, elabena wole ga me tso February (Dzodze) 17, 2015 dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea mewɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe biabia be woaxe fe na nyɔnu siawo atsɔ aɖo eteƒe na wo ɖe ale si wolé wo tu madzemadzee la dzi o.\nTogbɔ be lãme mele aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova si o hã la, woƒe dzi dze eme be woɖe asi le yewo ŋu. Wole woƒe ƒometɔwo gbɔ le aƒe me, eye wole hayahayam fifia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/wo%C9%96e-asi-le-ny%C9%94nu-eve-%C5%8Bu-20160128\/","date":"2019-06-19T21:09:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999041.59\/warc\/CC-MAIN-20190619204313-20190619230313-00361.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992086291,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992086291313171}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒãa la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye [woƒe] adegbeƒonu.\"\nALEKE gbegbe nya mawo nye nyateƒee nye esi! \"Fuɖename kple hiã\" xɔ aƒe ɖe xexe sia me ŋutɔ. Ðewohĩ èbia ɖokuiwò kpɔ be, 'Ðe ame aɖe ate ŋu akpɔ dzidzeme le agbe me vavã?'\nLe kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ ɖe Maria dzi ŋu kpɔ. Enye ame si ŋu ŋusẽ nɔ si tea ŋu wɔa nu sia nu le eɖokui si, gake fifia esi wòxɔ ƒe 84 la, etsi teƒe ɖeka. Eƒe susu ya le te, gake ɖeɖi te eƒe ŋutilã ŋu. Ðe wòanya wɔ be wòagase vivi na agbea?\nKe wò ya ɖe? Anɔ eme be èbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe viɖe le yeƒe agbe ŋu hã. Ðewohĩ dɔ si nèwɔna la nye nu ɖeka wɔwɔ atraɖii, etea ɖeɖi ŋuwò, eye wòtia wò hã. Anɔ eme be amewo medea dzesi wò agbagbadzedzewo gɔ̃ hã o. Ne èkpɔ dzidzedze aɖe si nu le agbe me gɔ̃ hã la, ɖewohĩ ètsia dzi ɖe wò etsɔme ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be nàtsi akogo alo nu nate ɖe dziwò. Masɔmasɔwo kple dzre ate ŋu anɔ wò ƒomea me. Alo ɖewohĩ wò ame vevi aɖe ku. Le kpɔɖeŋu me, tsi metoa ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye André kple fofoa dome o, ke hã fofoa va dze dɔ heku kpata. Esia gbã dzi na André ale gbegbe be wòse le eɖokui me be yeƒe blanuilélea nu mayi akpɔ o.\nXaxa ka ke me tom míeɖale o, nya aɖe li si wòhiã vevie be míakpɔ ta na: Ðe viɖe le agbea ŋu vavã? Ŋutsu aɖe si nɔ agbe ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi la ƒe agbemeŋutinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia—ŋutsu lae nye Yesu Kristo. Togbɔ be Yesu to nɔnɔme sesẽ geɖewo me hã la, enɔ agbe si ŋu viɖe le vavã. Aleae wòanɔ na míawo hã ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130401\/agbe-si-%C5%8Bu-vi%C9%96e-le\/","date":"2019-06-19T12:01:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965692163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965692162513733}","num_words":322,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈKPƆ ɣletivi keklẽ ma, si ŋutsu siawo dometɔ ɖeka le asi fiamee la? Ɣletivi la dze esime wodo go le Yerusalem. Amesiawo tso Ɣedzeƒe, eye wonye ɣletivimefakalawo. Woxɔe se be ɣletivi yeye sia le yewo kplɔm yina ame vevi aɖe gbɔe.\nEsi ameawo ɖo Yerusalem la, wobia be: 'Afikae ɖevi, si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la le?' \"Yudatɔwo\" nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Israel-viwo. Ŋutsuawo gblɔ be: 'Míekpɔ ɖevi sia ƒe ɣletivi la gbã esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade ta agu nɛ.'\nEsi Herodes, amesi nye fia le Yerusalem la se esia la, dɔme vee. Medi be fia bubu aɖeke naxɔ ye teƒe o. Eyata Herodes yɔ nunɔlagãwo hebia wo be: 'Afikae woadzi fia, si ƒe ŋugbe wodo la ɖo?' Woɖo eŋu be: 'Biblia la gblɔ be le Betlexem.'\nEyata Herodes yɔ amesiwo tso Ɣedzeƒe la hegblɔ be: 'Miyi ɖadi ɖevi la. Ne miekpɔe la, miava gblɔe nam. Medi be nye hã mayi aɖade ta agu nɛ.' Gake le nyateƒe me la, Herodes le ɖevi la dim be yeawu!\nEye ɣletivi la nɔ ŋgɔ na ameawo yi Betlexem, eye wòtɔ ɖe teƒe si ɖevia le la tame. Esi ameawo ge ɖe aƒea me la, wokpɔ Maria kple Yesu, vidzĩe la. Woɖe nunanawo ɖe go hetsɔ na Yesu. Gake emegbe la, Yehowa gblɔ na ŋutsuawo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi Herodes gbɔ o. Eyata woto mɔ bubu yi wo de.\nEsi Herodes se be amesiwo tso Ɣedzeƒe la trɔ yi aƒe la, dɔme vee vevie ŋutɔ. Eyata ede se be woawu ŋutsuvi, siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la le Betlexem. Gake Yehowa xlɔ̃ nu Yosef do ŋgɔ le drɔ̃e me; eye Yosef kple eƒe ƒome la si yi Egipte. Emegbe esi Yosef se be Herodes ku la, ekplɔ Maria kple Yesu va aƒee le Nazaret. Afisiae Yesu tsi le.\nAmekae nèsusu be eyae na be ɣletivi yeye ma klẽ? Ðo ŋku edzi be esi ŋutsuawo kpɔ ɣletivia la, woyi ɖe Yerusalem gbã. Satana Abosam di be yeawu Mawu ƒe Vi la, eye wònya be Yerusalem-fia Herodes adi be yeawui. Eyata anye Satanae na ɣletivi ma klẽ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/%C9%A3letivi-betlehem-yesu-dzidzi\/","date":"2019-06-17T02:46:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998369.29\/warc\/CC-MAIN-20190617022938-20190617044938-00057.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998306632,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998306632041931}","num_words":356,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na ame siwo lɔ̃ Yehowa Mawu kple eƒe Nya, Biblia la:\nYesu gblɔ be: \"Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.\" (Yohanes 8:32) Bu ale si nèse le ɖokuiwò me esi nèke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu zi gbãtɔ ŋu kpɔ! Dzi dzɔ wò ŋutɔ esi nèkpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nyateƒea togbɔ be míele xexe si me aʋatsokaka bɔ ɖo me hã.—2 Timoteo 3:1.\nYehowa Mawu di be míadze si nyateƒea. Eye esi míelɔ̃ amewo ta la, míedina be míaƒo nu tso nyateƒea ŋu na wo. Gake Mawu subɔsubɔ bia nu geɖe wu ema. Ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míanɔ agbe ale si dze Kristotɔwo, elabena míedea bubu deto Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Yesu gblɔ mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖee afia Mawu be míelɔ̃e. Egblɔ be: \"Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.\"—Yohanes 15:10.\nYesu lɔ̃ Fofoa vevie ŋutɔ, eye ewɔa nu sia nu si Fofoa bia tso esi. Ne míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le míaƒe agbenɔnɔ me la, Yehowa alɔ̃ mí eye míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, \"ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.\"—Yohanes 13:17.\nMíele mɔ kpɔm be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nànɔ agbe ɖe Biblia me nyateƒea nu eye nàzu Mawu xɔlɔ̃. Míele gbe dom ɖa be wò lɔlɔ̃ na Mawu nanɔ tsitsim ɖe edzi, eye nànɔ \"Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, . . . hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.\"—Yuda 21.\nYehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha La","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83-me\/d%C9%94dzikp%C9%94ha-%C6%92e-l%C9%9Bta\/","date":"2019-06-17T03:24:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998369.29\/warc\/CC-MAIN-20190617022938-20190617044938-00093.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990020394,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990020394325256}","num_words":273,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si gɔme eƒe nusrɔ̃lawo mese o la, eɖia wo dometɔ aɖewo nu eye wotrɔ le eyome. Ŋkeke ɖeka do ŋgɔ la, Yesu na nuɖuɖu wo nukutɔe eye esia ɖo kpe edzi be Mawu gbɔe eƒe ŋusẽa tso. Ke nu ka tae nya sia ɖia wo nu? Ðewohĩ ɖokuitɔdidi ta koe wodze Yesu yome ɖo. Ŋutilãmenu siwo woakpɔ tae wodze eyome.\nMía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: 'Nu ka tae medze Yesu yome? Ðe wòanye be yayra siwo kpɔm mele fifia kple esiwo mava kpɔ le etsɔme koŋ taea? Alo ɖe wòanye be esi melɔ̃ Yehowa eye medi be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu taea?'\nNe susu siwo gbɔna koŋ tae míesubɔa Yehowa ɖo la, nu ka tae míate ŋu ava kpɔ nuɖiaɖia?\nMawu ƒe amewo dome nɔnɔ koŋue dzɔa dzi na mí\nMíedi be míava nɔ agbe le Paradiso me","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept17-23\/susu-nyui-n%C3%A0ts%C9%94-adze-yesu-yome\/","date":"2019-06-16T04:44:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00325.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998791635,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987916350364685}","num_words":147,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ƒe nunana si nye tafea le vevie be wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu, eye wòaɖee afia be eyae dze eye wònye dziɖula nyuitɔ. Gake tafea gakpena ɖe mía ŋu be mí kple Yehowa dome nanɔ nyuie fifia eye to edzi la, mɔnukpɔkpɔa nasu ame siwo ɖoa to Mawu si be woava nɔ agbe le dzidzɔ me tegbee.\nNu kae míawɔ wòafia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?\nNe míeɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ la, afia be míexɔ tafea dzi se eye míedi be míanye Yehowa tɔ\nMɔ bubu kawo nue mate ŋu aɖee afia le be mekpɔa ŋudzedze ɖe nunana si nye tafea ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb11-17\/mawu-%C9%96e-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83-na-m%C3%AD-fia\/","date":"2019-06-17T13:16:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998475.92\/warc\/CC-MAIN-20190617123027-20190617145027-00383.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957078695,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957078695297241}","num_words":103,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nehemiya tsɔ dzonɔameme ʋli tadedeagu vavãtɔ ta\nNunɔlagã Eliyasib ɖe mɔ Tobiya si nye dzimaxɔsetɔ kple tsitretsiɖeŋula kpɔ ŋusẽ ɖe edzi\nEliyasib na teƒe Tobiya ɖe gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔ me\nNehemiya tsɔ Tobiya ƒe xɔmenuwo katã ƒu gbe, kɔ xɔa ŋu eye wòna wogazãe le mɔ nyuitɔ nu\nNehemiya yi edzi ɖe nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ɖa le Yerusalem","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb22-28\/nehemiya-biblia-dzon%C9%94ameme\/","date":"2019-06-20T13:14:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00259.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994525313,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999452531337738}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.182,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 2 va se ɖe 29, 2018 la le tata sia me.\nŊutsu nuteƒewɔla siawo to nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele egbea la tɔgbi me. Nu kae kpe ɖe wo ŋu woyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu?\nAleke ŋutsu siawo wɔ va nya Ŋusẽkatãtɔ la? Aleke sidzedze ma ɖe vi na woe? Aleke míawɔ be xɔse si nɔ wo si la tɔgbi nasu mía si?\nAGBEMEŊUTINYA\nNya dodzidzɔname ʋɛ aɖewo siwo ame aɖe gblɔ le ʋu me nyɔnu aɖe se la trɔ eya kple srɔ̃a ƒe agbenɔnɔ.\nBiblia ƒo nu tso nu siwo ɖea dzesi le \"gbɔgbɔmeme\" ŋu, eye wògblɔ vovototo si le \"gbɔgbɔmeme\" kple \"ŋutilãmeme\" dome.\nBiblia ƒe nufiafiawo nyanya ɖeɖe mate ŋu ana nàtsi le gbɔgbɔ me o. Nu kae gahiã?\nNe agbemekuxi siwo me nètona gbe sia gbe la wɔe be mègale dzidzɔ kpɔm o la, nu kae nàte ŋu awɔ be nàgava nɔ dzidzɔ kpɔm ake?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nNu kae na C. T. Russell ka ɖe edzi be teƒea nye agble si \"ƒu henɔ lalam na ŋeŋe\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-february-2018\/","date":"2019-06-18T21:29:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00531.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962060452,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962060451507568}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nSrɔ̃wò gblɔ be: \"Mèle nya si gblɔm mele na wò sem o!\" Gake ègblɔ na ɖokuiwò be: 'Mele esem hafie.' Edze ƒãa be nu si nèse la to vovo na nya si srɔ̃wòa gblɔ. Eye esia na be migade asi nyahehe me.\nÀte ŋu aƒo asa na kuxi sia. Gake gbã la, ehiã be nànya nu siwo gbɔ wòate ŋu atso be màse nya si gblɔm srɔ̃wò le na wò la ƒe akpa vevi aɖe o togbɔ be awɔ na wò be yele to ɖomee hã.\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nWò susu le nu bubu ŋu alo ɖeɖi te ŋuwò. Ðeviwo le ɣli dom, television le ɖiɖim bobobo eye nèle nya aɖe si dzɔ ɖe dziwò le dɔ me la ŋu bum. Srɔ̃wò te nya aɖe gbɔgblɔ na wò; ɖewohĩ enɔ gbɔgblɔm be ame aɖe be yeava srã mi kpɔ fiẽ ma. Èlɔ̃ ta, gake ɖe nèse nya si tututu wògblɔ na wòa? Ðewohĩ mèsee o.\nÈsea srɔ̃wò ƒe nyawo gɔme bubui. Èbunɛ be nya aɖe anya be ɖe ye srɔ̃ ƒe nyawo me eye nèse eƒe nyawo gɔme bubui kura. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃wò gblɔ be: \"Èzã ɣeyiɣi gbogbo aɖewo le dɔ me le kwasiɖa sia me loo.\" Esi nèsusui be nya hem wòle ɖe ye ŋu ta la, èɖo eŋu nɛ be: \"Menye gbɔnyee wòtso o! Èle ga zãm akpa eya ta ele be mawɔ dɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖewo.\" Srɔ̃wòa gblɔ dzikutɔe be: \"Menye ɖe mèle fɔ bum wò o ɖe!\" Le nyateƒe me la, nu si ko srɔ̃wòa di be yeagblɔe nye be anyo be yewoadi ɣeyiɣi aɖi ɖe eme le kwasiɖa ƒe nuwuwu.\nMèsea eƒe nyawo vɔ hafi nɔa ale si nàkpɔ wo gbɔe dim o. Marcie * gblɔ be: \"Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medina be magblɔ ale si mese le ɖokuinye me tso nanewo ŋu na srɔ̃nye Mike, gake eya dina be yeagblɔ ale si makpɔ wo gbɔ la nam. Ðeko medi be wòase nye nyawo nam, menye be wòakpɔ wo gbɔ nam o.\" Nu kae nye kuxia? Mike ƒe susu katã le ale si wòawɔ akpɔ kuxia gbɔe ŋu. Esia ate ŋu ana be mase Marcie ƒe nya aɖewo o alo mase ɖeke kura o.\nNu ka kee ɖanye kuxia o, aleke nàwɔ anye toɖola nyui?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nÐo to bliboe. Nya vevi aɖe le srɔ̃wò si wòdi be yeagblɔ na wò, gake ɖe nèle klalo be yeasea? Ðewohĩ mèle klalo o. Anye be wò susu le nu bubu dzi le gaƒoƒo sia tututu me. Ne nenemae la, mègawɔ abe ɖe nèle to ɖom ene evɔ wò susu nanɔ nu bubu ŋu o. Ne anya wɔ la, dzudzɔ nu si wɔm nèle eye nàɖo to srɔ̃wòa bliboe alo àte ŋu abia tso esi be wòalala yeawɔ vɔ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Yakobo 1:19.\nMiɖoe be yewomatso nya le yewo nɔewo nu o. Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, mègaxɔ nya le enu alo agbe eƒe nya aɖe o. Aɖo dziwò be nàƒo nu. Eya ta ne srɔ̃wòa le nu ƒom la, ɖo toe.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 18:13.\nBia nya. Esia ana nàse nya si gblɔm srɔ̃wòa le gɔme nyuie. Marcie si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: \"Edzɔa dzi nam ne srɔ̃nye bia nyam. Enana mekpɔnɛ be etsɔ ɖe le nya si gblɔm mele nɛ la me.\"\nMègase eƒe nyawo ko o, ke dze agbagba nàse wo gɔme hã. Lé ŋku ɖe ale si wòle alɔ ɖem ɖe nya dzi, ale si wòle ŋku ʋãm kple eƒe gbe ƒe ɖiɖime ŋu. Ne egblɔ be, \"Enyo\" ate ŋu afia be \"Menyo o,\" esia anɔ te ɖe gbe si wòtsɔ gblɔ nya lae dzi. \"Mèdina be yeakpe ɖe ŋunye gbeɖe o\" ate ŋu afia be \"Mesena le ɖokuinye me be nyemele vevie na wò o.\" Dze agbagba nànya nya si tututu wòdi be yeagblɔ togbɔ be meɖee gblɔ o hã. Ne menye nenema o la, miava nɔ nya ʋlim le nya si srɔ̃wòa gblɔ la ŋu ke menye nu si eƒe nyawo fia la ŋu o.\nNɔ to ɖomee. Mègatu to alo mègadzo le egbɔ ne eƒe nyawo medo dzidzɔ na wò o gɔ̃ hã o. Ke ne srɔ̃wòa le nya hem ɖe ŋuwò ɖe? Aƒetɔ Gregory si ɖe srɔ̃ ƒe 60 kple edzivɔwoe nye esia ɖo aɖaŋu be: \"Nɔ to ɖom srɔ̃wòa. Tsɔ ɖe le nya si gblɔm wòle me vevie. Esia bia ɖokuidziɖuɖu, gake aɖe vi na wò.\"—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 18:15.\nTsɔ ɖe le eme na srɔ̃wòa vevie. Menye nuwɔna dzro aɖe koe toɖoɖo nyuie nye o, ke boŋ enye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiana. Ne ètsɔ ɖe le nya si gblɔm srɔ̃wò le me vevie la, anɔ bɔbɔe be nàlé to ɖe nya si gblɔm wòle la ŋu eye eƒe nyawo anɔ nuwò vivim. Le mɔ sia nu la, ke èle wɔwɔm ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: \"Miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.\"—Filipitɔwo 2:4.\n^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201312\/ale-si-n%C3%A0w%C9%94-anye-to%C9%96ola-nyui\/","date":"2019-06-24T23:47:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999779.19\/warc\/CC-MAIN-20190624231501-20190625013501-00069.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998999536,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989995360374451}","num_words":828,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yohanes nyrɔ Yesu vɔ teti la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔ Yesu yi Yudea-gbedzi. Nu geɖe li si ŋu wòabu. Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, \"dziƒowo nu ʋu.\" (Mateo 3:16) Fifia ate ŋu aɖo ŋku nu siwo wòsrɔ̃ le dziƒo la dzi. Le nyateƒe me la, nu geɖe li si ŋu wòade ŋugble le!\nYesu nɔ gbedadaƒo ŋkeke 40 kple zã 40. Meɖu naneke ɣemaɣi o. Emegbe esi dɔ nɔ Yesu wum ŋutɔ la, Satana Abosam te ɖe eŋu hegblɔ nɛ be: \"Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.\" (Mateo 4:3) Gake esi Yesu nya be enye nu gbegblẽ be yeazã yeƒe nukunuwɔwɔŋusẽ hena ye ŋutɔ yeƒe nudidiwo gbɔ kpɔkpɔ ta la, egbe.\nGake Abosam metɔe ɖe afi ma o. Egate mɔnu bubu aɖe kpɔ. Etɔ gbe Yesu be wòati kpo tso gbedoxɔa tame. Gake nukunu ɖedzesi ma wɔwɔ medzro Yesu o. Yesu yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖee fia be enye nu gbegblẽ be woate Mawu kpɔ le mɔ sia nu.\nEmegbe le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Abosam to mɔ aɖe dzi ɖe \"xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe\" fia Yesu hegblɔ be: \"Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.\" Gake le esia hã me la, Yesu gagbe eye wògblɔ be: \"Te ɖa le gbɔnye, Satana!\" (Mateo 4:8-10) Meɖe mɔ tetekpɔa ɖu edzi wòwɔ nu gbegblẽ o, elabena enyae be Yehowa ɖeka koe wòle be woasubɔ. Ɛ̃, etiae be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu boŋ.\nMíate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe tetekpɔ siawo kple ale si wòwɔ nu le wo me la me. Wonye tetekpɔ ŋutɔŋutɔwo, si ɖee fia be menye nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nɔnɔme dzro aɖe koe Abosam nye abe ale si ame aɖewo gblɔnɛ ene o. Enye gbɔgbɔmeme si womekpɔna o, si li ŋutɔŋutɔ. Nudzɔdzɔ sia hã ɖee fia be xexemedziɖuɖuwo katã nye Abosam tɔ; eyae kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Ne menye nenema o ɖe, ke aleke wo tsɔtsɔ na Kristo ate ŋu anye tetekpɔ ŋutɔŋutɔ nɛ?\nGawu la, Abosam gblɔ be yelɔ̃ faa be yeaɖo eteƒe na Yesu ne enya de ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko, elɔ̃ be yeatsɔ xexemefiaɖuƒewo katã gɔ̃ hã nɛ. Abosam adze agbagba be yeazã mɔnu mawo tɔgbi be yeate mí akpɔ. Ðewohĩ atsɔ mɔnukpɔkpɔ dzroame siwo ana xexea me ƒe kesinɔnuwo, ŋusẽ, alo nɔƒe kɔkɔ nasu mía si la aɖo mía ŋkume. Gake aleke gbegbe míadze nunyae nye esi ne míedze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome helé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi eɖanye tetekpɔ ka kee wònye o! Gake ɖo ŋku edzi be Abosam dzo le Yesu gbɔ \"hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.\" (Luka 4:13) Abosam ate ŋu awɔ nu ɖe mía ŋu nenema ke, eya ta ele be míanɔ ŋudzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-g%C9%94medzedze\/tetekp%C9%94wo-dzi-%C9%96u%C9%96u\/","date":"2019-06-27T08:03:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001014.85\/warc\/CC-MAIN-20190627075525-20190627101525-00425.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968850613,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968850612640381}","num_words":457,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutega si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ta 9 lia me la, agava eme le míaƒe ŋkekea me. Ne míese nu siwo ava dzɔ kple ale si woadzɔe gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míana dzi nanɔ míaƒo ne nuɖoanyi sia le enu wum\n\"Le hũ ɖem hele nu xam\"\nƔEKAƔIE: Le ŋkeke mamlɛawo me, hafi ne xaxa gã la nadze egɔme\nALEKEE: Ele be ame siwo si dzi nyui le naɖee afia le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me be yewolé fu nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le xexea me. Ame siawo wɔna ɖe gbeƒã si ɖem wole la dzi, woyia edzi ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fiana, xɔa nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖoa kpe edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wodoa alɔ Kristo nɔviwo nuteƒewɔwɔtɔe\n\"De dzesi\"\nƔEKAƔIE: Le xaxa gã la me\nALEKEE: Ne Yesu Kristo va be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã la, ɣemaɣie wòanɔ tsitre ɖi na ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la. Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo nye ameha gã la me tɔwo alo ade dzesi wo be wonye alẽwo, si fia be woatsi agbe le Armagedon-ʋaa me\n\"Tsrɔ̃\"\nƔEKAƔIE: Le Armagedon-ʋaa me\nALEKEE: Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo siwo nye mawudɔla kɔkɔewo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ, eye woakpɔ ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu la ta woage ɖe xexe yeyea me","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/h%C5%A9-%C9%96em-nu-xam-de-dzesi-tsr%C9%94%CC%83\/","date":"2019-06-25T05:40:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00300.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966581464,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966581463813782}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Me Aʋa Le Edzi Yim Le Kpɔ Wɔna Tɔxɛ Aɖe To Videokadodowo Dzi\nYehowa Ðasefo siwo le Ukraine wɔ kpekpe tɔxɛ le February 14, 2015 tsɔ de dzi ƒo na woƒe hametɔ 17,000 kple edzivɔ siwo le nuto si me aʋaa le edzi yim le la me.\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine yi edzi le kpekpeɖeŋu nam Ðasefo akpe geɖe siwo si aʋa dzo le woƒe aƒewo me le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me.\nYehowa Ðasefowo Wɔ Takpekpe Le Ukraine Le Ŋutifafa Me Togbɔ Be Ʋunyaʋunya Nɔ Edzi Yim Hã; Woɖe Biblia Ðe Go\nEsi aʋa fe ati le Ukraine ƒe ɣedzeƒe la, ame akpe geɖewo ƒo ƒu ɖe Lviv hena \"Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!\" Nutome Gã Takpekpe. Woɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ɖe go le Ukrainegbe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/ukraine\/","date":"2019-06-27T08:26:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628001014.85\/warc\/CC-MAIN-20190627075525-20190627101525-00516.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983659387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983659386634827}","num_words":139,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yosef nɔ gaxɔ me la, Egiptetɔwo ƒe fia Farao ku drɔ̃e aɖewo siwo gɔme ame aɖeke mete ŋu ɖe o. Farao ƒe subɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be Yosef ate ŋu aɖe drɔ̃eawo gɔme. Farao dɔ amewo woyi ɖakplɔ Yosef vɛ enumake.\nFarao biae be: 'Àte ŋu aɖe nye drɔ̃eawo gɔmea?' Yosef gblɔ na Farao be: 'Nuɖuɖu abɔ ɖe Egipte ƒe adre, emegbe dɔ ato ƒe adre. Eya ta tia ame nyanu aɖe ne wòaƒo nuɖuɖu nu ƒu be dɔ nagava wu amewo o.' Farao ɖo eŋu be: 'Metia wò! Wòe anye dziɖula evelia le Egipte!' Aleke Yosef wɔ se Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme? Yehowae kpe ɖe eŋu.\nYosef ƒo nuɖuɖu nu ƒu le ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ la me. Emegbe dɔ to le anyigba katã dzi abe ale si Yosef gblɔe ɖi ene. Amewo tso afi sia afi va ƒle nuɖuɖu le Yosef gbɔ. Fofoa Yakob se be nuɖuɖu le Egipte, eya ta edɔ viaŋutsu ewoawo ɖa be woayi afi ma aɖaƒle ɖe vɛ.\nYakob viŋutsuwo yi Yosef gbɔ, Yosef kpɔ wo dze sii enumake. Gake nɔviawo menya be Yosef ye o. Wobɔbɔ nɛ abe ale si wògblɔe na wo esi wònye ɖevi ene. Yosef di be yeanya nenye be ye nɔviawo gakpɔtɔ léa fu ame. Eya ta egblɔ na wo be: 'Ŋkutsalawoe mienye. Miedi be yewoanya míaƒe dukɔa ƒe gbagbãƒewo.' Woɖo eŋu be: 'Ao! Nɔvi 12 míenye le Kanaan. Mía nɔviawo dometɔ ɖeka ku, eye ɖevitɔ le mía fofo gbɔ.' Yosef gblɔ na wo be: 'Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ makpɔ ekema maxɔ mia dzi ase.' Eya ta wodzo yi wo de le wo fofo gbɔ.\nEsi nuɖuɖu gavɔ le Yakob ƒe ƒomea si la, edɔ viaŋutsuawo ɖe Egipte ake. Le ɣeyiɣi sia me la, wokplɔ Benyamin wo nɔvi ɖevitɔ ɖe asi. Esi Yosef di be yeado ye nɔviawo kpɔ ta la, etsɔ eƒe klosalokplu de Benyamin ƒe nuɖuɖukotoku me hegblɔ na wo be wofii. Esi Yosef ƒe subɔviwo kpɔ kplua le Benyamin ƒe kotokua me la, nɔviawo vɔ̃ ŋutɔ. Woɖe kuku na Yosef be wòahe to na yewo ɖe Benyamin teƒe.\nAzɔ Yosef kpɔe be ye nɔviawo trɔ. Megate ŋu ɖu eɖokui dzi o. Ewó avi eye wògblɔ be: 'Nyee nye mia nɔvi Yosef. Fofonye gale agbea?' Ewɔ nuku na nɔviawo ŋutɔ. Egblɔ na wo be: 'Nu si miewɔ ɖe ŋunye la, megave mi o. Mawue dɔm ɖe afi sia be wòaɖe miaƒe agbe. Azɔ miɖe abla yi ɖakplɔ fofonye vɛ.'\nWoyi wo de be yewoaɖagblɔ dzidzɔnya sia na yewo fofo ahakplɔe va Egipte. Le ƒe geɖe megbe la, Yosef kple fofoa gawɔ ɖeka ake.\n\"Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.\"—Mateo 6:15","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/4\/farao-dr%C9%94%CC%83ewo\/","date":"2019-06-18T04:49:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00353.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989117384,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989117383956909}","num_words":448,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ANYINƆƑEGBƆKPƆLAWO Wode dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo be woakpe ɖe ŋuwò. Míeɖe kuku, kpe asi ɖe wo ŋu bliboe, eye nàwɔ ɖe woƒe mɔfiafia dzi le ʋutɔtɔɖi, afi si woɖe mɔ be amewo nato, nɔƒeléleɖi, kple bubuawo me.\nANYINƆNƆ Míeɖe kuku, mibu ame bubuwo ŋu. Ðo ŋku edzi be wò ƒometɔ kplikplikpliwo, mia kple ame siwo ɖo ʋu ɖeka va alo le aƒe ɖeka me, alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na. Míeɖe kuku, migada nuwo ɖe zikpuiawo dzi ne menye ame aɖekee mielé teƒea ɖi na o.\nATIKEWƆƑE Miɖo ŋku edzi be DƆDZEAMEDZI KPATAWO KO ƒe atikee wowɔna le afi sia.\nLƆLƆ̃NU FAA DƆWƆWƆ Ne èdi be yeatsɔ ye ɖokui ana akpe asi ɖe takpekpea me dɔwo ŋu la, ekema míeɖe kuku, yi Nyatakakawo Kple Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ Dzikpɔƒea.\nNU BÚBUWO DAÐOƑE KPLE WO DIƑE Mitsɔ nu sia nu si miefɔ la yi Nu Búbuwo Daɖoƒe Kple Wo Diƒe Dɔwɔƒea. Ne wò nane bú la, yi ɖadii le dɔwɔƒe sia. Ele be woakplɔ ɖevi siwo bú le wo dzilawo gbɔ la ayi dɔwɔƒe siae. Gake be míagada agba geɖe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma dzi o la, míeɖe kuku, milé ŋku ɖe mia viwo ŋu, eye miana woanɔ mia gbɔ.\nNUDZƆDZƆ Wozã ga geɖe ɖe zikpuiwo, nuƒomɔ̃wo, videoɖemɔ̃wo, kple nu bubu geɖe siwo ana míase vivi na takpekpea eye wòakpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi la ŋu. Miaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna xea fe siawoe, eye wotsɔnɛ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa hã ŋu. Woda nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ nu ɖo wòdze nyuie la ɖe teƒe vovovowo. Míekpɔa ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe ŋu vevie. Dɔdzikpɔhaa le akpe dam na mi ɖe ale si miekpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu dɔmenyotɔe ta.\nNYƆNYRƆXƆXƆ Zikpui siwo woɖo ɖi na ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la anɔ nuƒolanɔƒea ŋgɔ. Ne tɔtrɔ aɖe va le esia ŋu la, woaɖe gbeƒãe do ŋgɔ. Ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la nanɔ anyi ɖe afi si wodzra ɖo ɖi na wo hafi nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa nadze egɔme Memleɖa ŋdi. Ame sia ame netsɔ papahũ kple tsimeyiwu si sɔ ɖe asi.\nKPEKPE TƆXƐ\nFIAÐUƑE NYANYUIGBLƆLAWO ƑE SUKU Míele mɔɖela siwo xɔ tso ƒe 23 va se ɖe 65 eye wodi be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la kpem be woade kpekpe si woawɔ kple ame siwo di be yewoade Fiaɖuƒe Nyanyui- gblɔlawo Ƒe Sukua la le Kwasiɖagbe ŋdɔ me. Woaɖe gbeƒã teƒe si woawɔ kpekpe sia le kple gamea do ŋgɔ.\nSi Ƒe Ðoɖo Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔhaa Wɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/2019-takpekpe-g%C3%A3-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i\/nyatakakawo\/","date":"2019-06-18T00:58:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984187484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984187483787537}","num_words":430,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! August 2014 | Aleke Nàwɔ Anɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo?\nAme akpa gãtɔ dina be yewoanɔ ŋutifafa me kple yewoƒe aƒelikawo gake masɔmasɔwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi. Aleke míate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ me?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMɔfiame siwo le Biblia me kpe ɖe ame siwo nye futɔwo tsã ŋu wowɔ ŋutifafa heva zu xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã.\nNyatiawo dometɔ aɖewo nye: wole asikɔmpiutawo zãm ɖe nusrɔ̃gbalẽwo teƒe le yunivɛsitiwo kple sukuwo me, mɔmemi si wogblɔ be megblẽa ŋu le ame ŋu o la na ame siwo wum yame ƒe ɖiƒoƒo le la le dzidzim ɖe edzi kpakple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha aɖe si me tɔ akpa gãtɔ mexlẽ Biblia kpɔ o.\nHELP FOR THE FAMILY\nKe ne viwòa nɔa kuku ɖem kakaka alo nɔa vinugbe wɔm be nàlɔ̃ na ye ɖe?\nNufiame ka dzie Yesu nɔ susu hem yi esi wògblɔ be \"milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie\"?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nAme si nye \"agbalẽnyala xɔŋkɔ va zu ame si wotsri\"\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe Mawu ƒoa nu na amewo le drɔ̃e me egbea?\nWAS IT DESIGNED?\nMenye ale si kpakpaluʋui ƒe aʋalawo ŋuti le yibɔ gbɔ koe wòtso o.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nƑomedodo si nɔa anyi ɖaae srɔ̃ɖeɖe nye. Eya ta ne meka ɖe ame si nèle gbea ɖom ɖi kple la dzi o la, mègaŋe aɖaba ƒu wò seselelãmea dzi o!\nÐe wòsesẽna na wò be nàɖu nu ɖe ɖoɖo nu ahade kamea? Le video kpui sia me la, sɔhɛwo gblɔ nu siwo wowɔna hafi nɔa lãmesẽ me.\nÐe Egiptetɔwo ƒe Farao tsi agbe esi wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la le Ƒudzĩa mea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201408\/","date":"2020-01-24T03:48:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250614880.58\/warc\/CC-MAIN-20200124011048-20200124040048-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980387092,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980387091636658}","num_words":268,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyɔ! Ŋudɔwɔwɔ Nyuie\nESI Vanessa, si nye Yehowa Ðasefo le United States xɔ ƒe 16 la, wobia tso esi be wòaŋlɔ nu tso anorexia, si nye nuɖuɖumadzroame dɔléle, ŋu ava sukui. Egblɔ be: \"Mewɔ numekuku aɖewo gake nyatakaka sue aɖewo ŋu ko meke ɖo. Megblɔ eŋu nya na dzinyelawo eye woɖo aɖaŋu nam be madi eŋu nyatakakawo le míaƒe agbalẽwo me.\"\nEsi Vanessa wɔ numekukua le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me la, eke ɖe nyatakaka gbogbo aɖewo si ŋudɔ wòawɔ ŋu. Egblɔ be: \"Gake dɔdasia ƒe akpa aɖe koe nye esia. Ele nam be magaƒo nu tso nyatia ŋu le nufiala kple sukuvi 20 ŋkume!\" Aleke Vanessa akpɔ dɔ sesẽ sia gbɔe?\nVanessa xɔa hehe le Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si wowɔna le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me, abe alesi Yehowa Ðasefo siwo le xexeame ƒe akpa bubuwo wɔnɛ ene. Vanessa gblɔ be: \"Suku sia dzraa mí ɖo nyuie be míayi gbeadzi aƒo nu na ame bubuwo eme nakɔ na wo. Míexɔa aɖaŋuɖoɖo le afisi wòhiã le be míawɔ asitɔtrɔ be míaƒe nyawo me nakɔ na amewo wu.\" Nukae do tso agbagba si Vanessa dze le eƒe numekukua me la me? Egblɔ be, \"Mexɔ dzesi gãtɔ kekeake.\"\nVanessa nye sɔhɛ siwo wɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple gbɔgbɔ me hehenana bubu siwo woxɔna la ŋudɔ nyuie dometɔ ɖeka. Sɔhɛ siawo tɔgbe dze na kafukafu, elabena wole nuxlɔ̃ame si le Nyagblɔla 12:1, si gblɔ be: \"Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me\" dzi wɔm.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020908\/Ny%C9%94-%C5%8Aud%C9%94w%C9%94w%C9%94-Nyuie\/","date":"2020-01-21T11:46:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250603761.28\/warc\/CC-MAIN-20200121103642-20200121132642-00124.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992480278,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992480278015137}","num_words":236,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta\nIndia—\"Ðekawɔwɔ le Nɔnɔme Vovovowo Me\"\n\"ÐEKAWƆWƆ le Nɔnɔme Vovovowo me\" nye nyagbɔgblɔ nyanyɛ aɖe si wotsɔna ɖɔa dukɔmetɔwo ƒe ɖekawɔwɔ le India. Be woawɔ ɖeka le dukɔ gã sia si me vovototowo le le dekɔnu, gbegbɔgblɔ, mawusubɔsubɔ, teƒe siwo amewo tso, awudodo, kple nuɖuɖu gome mele bɔbɔe o. Gake wokpɔa ɖekawɔwɔ sia le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔdzikpɔƒe si le India, togbɔ be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le afima hewɔa dɔ le afima la tso nuto kple nuto gã geɖe me eye wodoa gbe vovovo geɖe hã.\n• Wo dometɔ ɖekae nye Rajrani—ɖetugbi aɖe si tso Punjab, le India ƒe dzieheɣetoɖoƒe ɖaa. Esi Rajrani nɔ suku la, eƒe sukuxɔmetɔ aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Nyɔnuvi dzaa sia dze agbagba be yeanyɔ Rajrani ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia ŋu. Esi eƒe sukuxɔmetɔa menya Eŋlisigbe nyui o eye wometaa Gbetakpɔxɔ ɖe Punjabigbe me ɣemaɣi o ta la, ebia Rajrani be wòakpe ɖe ye ŋu aɖe magazinea me nyawo gɔme na ye. Nusi Rajrani xlẽ le Gbetakpɔxɔ me te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe eyama dzi ale gbegbe be togbɔ be edzilawo tsi tre ɖe eŋu hã la, ewɔ ŋgɔyiyi tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa Mawu. Egbea ele subɔsubɔm le India Betel eye dɔ si tututu wòwɔ si na wòke ɖe nyateƒea ŋu la ke wɔmee wòle le afima. Eɖea Kristotɔwo ƒe agbalẽwo gɔme ɖe Punjabigbe me!\n• Bu Bijoe hã ŋu kpɔ, amesi tso India ƒe akpa bubu—anyieheɣetoɖoƒenuto si nye Kerala. Wonya Bijoe le suku le esi mekpɔa gome le dulɔlɔ̃ ƒe azãwo ɖuɖu me o ta. Esi wotsɔ ɣeyiɣi didi aɖe drɔ̃ nya la le ʋɔnudrɔ̃ƒe vɔ wòzu aʋadziɖuɖu ɖedzesi na tadedeagu dzadzɛ megbe la, wogaxɔ Bijoe ɖe suku. * Eyi edzi va ɖo kɔledzi. Gake agbegbegblẽnuwɔna siwo yia edzi le afima ɖe fu na eƒe dzitsinya, eyata edzudzɔ sukua le ƒe gbãtɔ ƒe akpa gbãtɔ me. Fifia le ƒe 10 si wòtsɔ wɔ dɔ le Betel megbe la, ekpɔe be eɖe vi geɖe na ye be yenye Betel-ƒomea me tɔ siwo tso teƒe vovovowo evɔ wowɔ ɖeka la wu alesi wòanɔ le sukukɔkɔdede me.\n• Norma kple Lily siaa xɔ ƒe 70 kple edzivɔ eye wonye ahosiwo ƒe geɖe. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ ƒe 40 kple edzivɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae. Lily nye Tamilgbegɔmeɖela le alɔdzedɔwɔƒea anɔ ƒe 20 kloe. Ƒe 13 enye si va yi esime Norma va Betel le srɔ̃aŋutsu ƒe ku megbe. Tsɔ kpe ɖe dɔwɔla ku kutri kple fɔléɖenuŋula ƒe kpɔɖeŋuɖola siwo wonye ŋu la, wokpɔa ŋusẽ ɖe ɖekawɔwɔ si le Betel-ƒome bliboa me dzi. Vividodo ɖe amedzrowo ŋu dzɔa dzi na wo, eye ƒomea me tɔ siwo nye sɔhɛwo domenɔnɔ, ahanɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɣeyiɣi didi me dzidzɔwo gblɔm na wo vivia wo nu. Eye sɔhɛawo hã kpea wo vaa woƒe xɔwo me be woava de ha kpli yewo eye wonaa kpekpeɖeŋu wo ne ehiã. Woɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo nyateƒe!\nEsi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo ɖu masɔmasɔ siwo hea dzrewɔwɔ kple tɔtɔ vɛ le teƒe geɖewo dzi la, wozu India Betel-ƒomea me tɔ siwo tsɔa dzidzɔ wɔa dɔ ɖekae tsɔ subɔa ame bubuwo.—Psalmo 133:1.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, November 1, 1987, axa 21.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]\nMegbe ɖaa: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010401\/India-%C3%90ekaw%C9%94w%C9%94-le-N%C9%94n%C9%94me-Vovovowo-Me\/","date":"2020-01-24T20:38:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250625097.75\/warc\/CC-MAIN-20200124191133-20200124220133-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991140962,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991140961647034}","num_words":526,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU GAÐE GBEƑà LE GALILEA NUTOA ME\nEDƆ APOSTOLOAWO BE WOAÐAÐE GBEƑÃ\nAnɔ abe ƒe evee nye esia Yesu le gbeƒã ɖem kple ŋkubiã. Ðe wòaɖe dzi ɖi azɔ ahaɖe eƒe dɔa dzi akpɔtɔa? Kura o, ke boŋ Yesu dzi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi eye wòyi \"ɖato [Galilea] duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.\" (Mateo 9:35) Nu siwo wòde dzesii la na wòkpɔ ale si gbegbe wòhiã be wòadzi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi. Gake aleke wòawɔ esiae?\nLe Yesu ƒe mɔzɔzɔa me la, ekpɔ ale si amewo hiã gbɔgbɔmegbedada kple akɔfafae. Wole abe alẽ siwo kplɔla meli na o, siwo wowɔ fui heka wo hlẽ la ene. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.\"—Mateo 9:37, 38.\nYesu nya nu si wòawɔ. Eyɔ eƒe apostolo 12-awo eye wòma wo eveveve wonye gbeƒãɖelawo ƒe ha ade. Eyome ena mɔfiame si me kɔ la wo be: \"Migayi dukɔwo me tɔwo gbɔ o, eye migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o; ke miyi ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ siwo bú la, ɖeɖe ko gbɔ. Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: 'Dziƒofiaɖuƒe la gogo.'\"—Mateo 10:5-7.\nFiaɖuƒe si ŋu woaɖe gbeƒã le lae nye esi ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me. 'Fiaɖuƒe la gogo,' le gɔmesesea nu be Yesu Kristo, ame si nye Fia si Mawu tia la nɔ anyi ɣemaɣi. Ke nu kae aɖee afia be eƒe nusrɔ̃lawo nye Fiaɖuƒe sia teƒenɔlawo vavã? Yesu na ŋusẽ wo be woada gbe le dɔnɔwo ŋu eye woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre ga maxɔmaxɔe. Gake aleke apostoloawo awɔ akpɔ woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo, abe nuɖuɖu ene gbɔ?\nYesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be womegatsɔ nuzazãwo ɖe asi hena gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ sia o. Egblɔ be womegatsɔ sika, klosalo, alo akɔbli de woƒe gakploviwo me o. Mahiã gɔ̃ hã be woatsɔ akplo si me woade nuɖuɖui, alo atsɔ awutewuiwo alo afɔkpa bubuwo ɖe asi o. Nu ka tae? Yesu gblɔ na wo be: \"Dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.\" (Mateo 10:10) Ame siwo nusrɔ̃lawo ado goe, siwo axɔ woƒe gbedeasia la akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Yesu gblɔ be: \"Ne mieyi du aɖe me la, minɔ aƒe si me miedze la me va se ɖe esime miadzo le dua me.\"—Marko 6:10.\nAzɔ hã Yesu na mɔfiamewo ku ɖe ale si woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ame siwo woatu le aƒewo me ŋu. Egblɔ be: \"Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na aƒea me tɔwo. Eye ne aƒea dze la, ekema ŋutifafa si miedi nɛ la nava edzi, ke ne medze o la, miaƒe ŋutifafa negbugbɔ va mia dzi. Afi sia afi si ame aɖe mexɔ mi alo ɖo to miaƒe nyawo le o la, ne miele dzodzom le aƒe ma alo du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi.\"—Mateo 10:12-14.\nAte ŋu adzɔ gɔ̃ hã be du alo kɔƒe blibo aɖe nagbe woƒe gbedeasia sese. Nu kae adzɔ ɖe du alo kɔƒe ma dzi? Yesu ɖee fia be toheʋɔnu sesẽ ava edzi. Egblɔ be: \"Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomora nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ale si wòanɔ na du ma.\"—Mateo 10:15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96e-fia%C9%96u%C6%92ea-hehenana-apostoloawo\/","date":"2020-01-18T10:13:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250592394.9\/warc\/CC-MAIN-20200118081234-20200118105234-00365.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987513423,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987513422966003}","num_words":578,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ vovovo le alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ si me wole kpakple ɖewohĩ dukɔ bubuwo hã me. Dɔ siwo wowɔna ƒe ɖewoe nye gbegɔmeɖeɖe, agbalẽ kple magazinewo tata, agbalẽwo dzi kpɔkpɔ, nyawo léle ɖe mɔ̃ dzi kple videowo wɔwɔ, kpakple hiahiã bubuwo gbɔ kpɔkpɔ.\nAlɔdzekɔmiti ye kpɔa dɔa dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la tsɔ alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ de asi na Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo nye hamemetsitsi bibi siwo dze la dometɔ etɔ̃ alo esiwo wu nenema. Alɔdzekɔmitia nana Dɔdzikpɔha la nyana ŋgɔyiyi siwo wɔm wole kple ɖewohĩ kuxi siwo wodoa goe le woƒe anyigbamamawo me. Nyatakaka mawo nana Dɔdzikpɔha la nyana nyati siwo woata ɖe míaƒe agbalẽwo me alo esiwo me woadzro le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me. Dɔdzikpɔha la ɖoa amedɔdɔwo ɖa woyina ɖasrãa alɔdzedɔwɔƒewo kpɔna edziedzi be woana mɔfiame Alɔdzekɔmitia le woƒe dɔwo wɔwɔ me. (Lododowo 11:14) Wowɔa ɖoɖo tɔxɛ le dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ la ƒe sasrãkpɔɣi, si ƒe ɖee nye be wòaƒo nuƒo na ame siwo wokpe tso hame siwo gogo afi si alɔdzedɔwɔƒea le la me.\nWonaa mɔfiame hame siwo le woƒe anyigbamamaa me. Nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le alɔdzedɔwɔƒea daa asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo dzi. Wonaa mɔfiame mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple nutome sue dzikpɔlawo hã. Wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu, wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu dzi, eye wokpɔa agbalẽwo ɖoɖo ɖe hamewo me hã dzi. Dɔ sia dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒea la doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa, be woate ŋu awɔe ɖe ɖoɖo nyui nu.—1 Korintotɔwo 14:33, 40.\nAleke Alɔdzekɔmitiwo kpena ɖe Dɔdzikpɔha la ŋui?\nDɔ kawoe wowɔna le alɔdzedɔwɔƒewo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/yehowa-%C9%96asefowo-%C6%92e-al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92e\/","date":"2020-01-24T18:13:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250624328.55\/warc\/CC-MAIN-20200124161014-20200124190014-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988692999,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988692998886108}","num_words":261,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"LE Kuɖagbe ŋdi, January 24, 2018, dzi la, woɖe gbeƒã tɔxɛ aɖe na Amerika kple Canada Betel-ƒomea me tɔwo eye wokpɔ dzidzɔ geɖe; gbeƒãɖeɖeae nye be: Woda asi ɖe Nɔviŋutsu Kenneth Cook, Jr., dzi be wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ.\nWodzi Nɔviŋutsu Cook le Pennsylvania, le Amerika. Esime wòsusɔ vie wòado le sekɛndrisuku (alo lycée) la, eƒe sukuhati aɖe srɔ̃ Biblia kplii, eye exɔ nyɔnyrɔ le June 7, 1980 dzi. Edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le September 1, 1982 dzi tsɔ dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Ƒe eve megbe la, wobia tso esi be wòayi aɖawɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Wallkill, New York, tso October 12, 1984 dzi.\nLe ƒe 25 siwo kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Cook wɔ dɔ vovovowo le Agbalẽtaƒea kple Betel Dɔdzikpɔƒea. Eɖe srɔ̃a, Jamie, le ƒe 1996 me, eye srɔ̃a wɔ ɖeka kplii le Betel subɔsubɔdɔa me le Wallkill. Le December 2009 me la, woɖe Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Cook yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe le Patterson, le New York, afi si wobia tso Nɔviŋutsu Cook si le be wòawɔ dɔ le Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒea. Wona wogbugbɔ trɔ yi dɔwɔƒe si le Wallkill hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye le April 2016 me la, wobia tso woa kple srɔ̃a si be woayi aɖawɔ dɔ le Brooklyn, le New York. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, woʋu yi habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick, le New York. Le January 2017 me la, woda asi ɖe Nɔviŋutsu Cook dzi be wòanye Dɔdzikpɔhaa ƒe Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-january-2019\/d%C9%94dzikp%C9%94haa-me-t%C9%94-yeye\/","date":"2020-01-28T04:31:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251773463.72\/warc\/CC-MAIN-20200128030221-20200128060221-00326.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983096719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983096718788147}","num_words":237,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.354,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2019\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 6 va se ɖe June 2, 2019 la le tata sia me\nAme siwo va nya Yehowa la dometɔ aɖewo hea nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖu kuxi siwo wɔe be wole nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe la dzi?\nMɔ kawo dzie Yehowa tona ƒoa nu na mí egbea? Aleke toɖoɖo Mawu ɖea vi na mí?\nMɔ kawo nue Yehowa kple Yesu siaa se veve ɖe amewo nu le, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuawo?\nMɔ ene kawo dzie míate ŋu ato aɖee afia ame siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me la be míesea veve ɖe wo nu?\nNu kae nye nyuiwɔwɔ? Nu ka tae wòle be míadze agbagba vevie asrɔ̃e?\nAme geɖe gblɔa 'amen' le gbedodoɖa ƒe nuwuwu. Nu kae nya sia fia, eye aleke wozãe le Biblia me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2019\/","date":"2020-01-23T14:36:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250610919.33\/warc\/CC-MAIN-20200123131001-20200123160001-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978129268,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978129267692566}","num_words":143,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Vevi Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖo Dze Kple Srɔ̃wò\n'MELE BE magblɔ nya ma hafi o.' 'Menye nenemae medi be magblɔ hafi o.' Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔ esi nètee kpɔ be yeaɖo dze kple ye srɔ̃a? Aɖaŋunu gã aɖee dzeɖoɖo nye, eye ehiã be míatui ɖo. Abe alesi wòle le aɖaŋudɔ ɖesiaɖe sɔsrɔ̃ me ene la, dzeɖoɖo nɔa bɔbɔe na ame aɖewo, gake ame bubuwo ya ʋlina vevie hafi te ŋu srɔ̃nɛ. Ne dzeɖoɖo sesẽna na wò hã la, àte ŋu asrɔ̃ alesi nàɖe wò susuwo agblɔ wòadze to ne miele dze ɖom.\nLe teƒe aɖewo la, dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo wɔa nui ɖe wo srɔ̃wo ŋu dzi. Ðewohĩ wogblɔna na ŋutsuwo be: 'Ŋutsu meƒoa nu fũ o.' Ðewohĩ womebua ŋutsu nukpoloeƒolawo ɖe ɖeke me o. Nyateƒee, Biblia gblɔ be: \"Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.\" (Yakobo 1:19) Ke hã, aɖaŋuɖoɖo sia yi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa heɖee fia be dzeɖoɖo menye nuƒoƒo dzro ko o. Ame eve ate ŋu anɔ nu ƒom na wo nɔewo, gake womanɔ to ɖom wo nɔewo nyuie o. Míate ŋu ayɔ ema be dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ o. Abe alesi mawunyakpukpui si míeyɔ va yi ɖee fia ene la, nu vevi aɖe si nana woɖoa dze nyuie enye toɖoɖo ame nɔewo.\nDzeɖoɖo Numaƒomaƒoe\nLe teƒe aɖewo la, womeɖe mɔ na srɔ̃nyɔnuwo be woaɖe woƒe susu agblɔ o. Eye srɔ̃ŋutsuwo hã meƒoa nu kabakaba le aƒeme o. Le nɔnɔme siawo me la, ehiãna be ɣesiaɣi la, ŋutsua alo nyɔnua ŋutɔ natsɔ susu akpɔ nusi dim srɔ̃a le. Srɔ̃nyɔnu aɖewo te ŋu kpɔa wo srɔ̃wo ƒe nuhiahiãwo dzea sii bɔbɔe hekpɔa egbɔ na wo enumake. Ne edzɔ alea la, ekema srɔ̃tɔ mawo le dze ɖom numaƒomaƒoe. Ke hã, le dzeɖoɖomɔnu sia me la, ame ɖeka koe te ŋu kpɔa nɔvia ƒe nuhiahiãwo dzea sii bɔbɔe zi geɖe. Togbɔ be srɔ̃nyɔnua ate ŋu ava nya srɔ̃a ƒe didiwo kple seselelãmewo bɔbɔe hã la, womekpɔa mɔ boo aɖeke na ŋutsuwo ya be woawo hã woade dzesi wo srɔ̃wo ƒe seselelãmewo nenema o.\nEle eme baa be le teƒe aɖewo la, ŋutsuwo te ŋu dea dzesi wo srɔ̃wo ƒe seselelãme hedzea agbagba be yewoakpɔ wo gbɔ na wo ya. Gake le teƒe mawo hã la, aɖe vi geɖe ne srɔ̃tɔawo srɔ̃ alesi woawɔ aɖo dze nyuie wu.\nNu Ƒoƒo Kple Ame Nɔewo Le Vevie\nAme ƒe dzimenyawo ŋutɔŋutɔ gbɔgblɔ ate ŋu atsi masɔmasɔwo kple nugɔmemasenamewo nu. Le Israel-viwo ŋɔli la, Ruben, Gad, kple Manase toa ƒe akpa siwo nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe la ɖi \"vɔsamlekpui gã nyui aɖe\" ɖe tɔsisia to. To mamlɛawo mese woƒe nuwɔnaa gɔme o. Esi to siwo nɔ ɣetoɖoƒe gome susui be yewo nɔvi siwo le Yordan-tɔsisia godo dze aglã ta la, woɖoe be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu. Gake hafi woaho ɖe wo ŋu la, wodɔ amewo ɖo ɖe to siwo le ɣedzeƒe la gbɔ. Nunyanue wònye wowɔ! Wova nyae be menye trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuie wònye woɖi be yewoanɔ nu mem le edzi o. Ðe to siwo nɔ ɣedzeƒe la nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ to mamlɛawo ava gblɔ na yewo gbeɖeka be: \"Gome aɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o!\" Ðeko vɔsamlekpuia anye dzesi be Yehowa subɔlawoe woawo hã nye. (Yosua 22:10-29) Woyɔ vɔsamlekpuia be Ðasefo, ɖewohĩ le esi wòɖo kpe edzi be woawo hã wobu Yehowa be eyae nye Mawu vavã la ta.—Yosua 22:34.\nWoƒe numeɖeɖe la na to mamlɛawo se woƒe nuwɔnaa gɔme, si na woɖe asi le aʋa hoho ɖe to eve kple afã la ŋu ŋuti. Nyateƒee, dzimenya ŋutɔŋutɔ ɖeɖe gblɔ tsi aʋaa nu. Emegbe, esi Israel dze aglã ɖe Yehowa Mawu si le abe srɔ̃a ene ŋu la, egblɔ na wo be yeakpɔ nublanui na wo eye 'yeaƒo nu wòade dzi me na wo.' (Hosea 2:16) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo na srɔ̃tɔwo! Ẽ, dze agbagba nàƒo nu wòade dzi gbɔ na srɔ̃wò ale be wòase wò seselelãmewo gɔme. Esia hiã ŋutɔ, vevietɔ le seselelãmenyawo gome. Pattie Mihalik, si nye nyadzɔdzɔŋlɔla le Amerika, gblɔ be: \"Ame aɖewo gblɔna be, nya si woakpɔ agblɔ ya kpɔkpɔ menye nu sesẽ aɖeke o, gake egbɔgblɔ ŋue asixɔxɔ gã aɖe nɔna. Eye togbɔ be asesẽ na ame aɖewo be woaɖe woƒe seselelãme agblɔ hã la, wo gbɔgblɔ ate ŋu aɖe vi geɖe wu ga si wode gadzraɖoƒe.\"\nDzeɖoɖo ƒe Aɖaŋu Tutu Ðo\nAme aɖewo agblɔ be: 'Míaƒe srɔ̃ɖeɖe ya me gblẽ tso gɔmedzedzea me ke.' Ame bubuwo hã ate ŋu aƒo nya ta be: 'Míagate ŋu awɔ naneke le míaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o.' Woabui be maganya wɔ be yewoaɖo dze nyuie wu le yewoƒe srɔ̃kpegbea megbe o. Ke hã, bu amesiwo le dukɔ siwo me dzilawoe ɖea srɔ̃ na wo viwo le la ŋu kpɔ. Srɔ̃tɔ yeye siawo te ŋu va ɖoa dze nyuie le woƒe srɔ̃ɖeɖe me emegbe.\nLe Ɣedzeƒedukɔ aɖe me la, dzila aɖewo wɔwɔ ɖoɖo be yewoaɖe srɔ̃ na wo viŋutsu. Wodɔ ame aɖe be wòazɔ mɔ ayi teƒe didi aɖe ava ɖe srɔ̃ vɛ na wo via. Togbɔ be srɔ̃tɔ yeye siawo nɔ anyi ƒe 4,000 aɖewoe nye esi va yi hã la, wotu dzeɖoɖo ƒe aɖaŋu nyuiwo ɖo. Viŋutsua, si ŋkɔe nye Isak, do go ame dɔdɔa kple nyɔnu si woɖe vɛ nɛ la le agble me. Ame dɔdɔa \"xlẽ nusiwo katã wòwɔ la fia Isak.\" Biblia yi srɔ̃ɖeɖe sia ŋuti nuŋlɔɖia dzi be: \"Eye Isak [kplɔ Rebeka] yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me [esia sɔ kple srɔ̃kpekpe], eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔ̃nɛ ŋutɔ.\"—Mose I, 24:62-67.\nDe dzesii be Isak se dɔgbedelaa ƒe nyawo nyuie gbã, eye emegbe exɔ Rebeka wòzu srɔ̃a. Dɔgbedela la nye Isak ƒe Mawu Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe si dzi eƒe aƒetɔ ka ɖo. Isak tɔ dzɔ be wòaka ɖe ŋutsu sia dzi. Ema megbe la, Isak 'va lɔ̃' Rebeka si wòɖe la 'ŋutɔ.'\nÐe Isak kple srɔ̃a Rebekaa va nya alesi woɖoa dzee nyuiea? Esi wo vi Esau ɖe Xititɔ eve la, kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa le ƒomea me. Rebeka \"gblɔ\" na Isak enuenu be: \"Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob [si nye wo vi ɖevitɔ] hã aɖe . . . Xitiviwo ƒe vinyɔnu aɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?\" (Mose I, 26:34; 27:46) Edze ƒã be eɖe nusiwo nɔ fu ɖem nɛ la gblɔ wo me kɔ nyuie.\nIsak gblɔ na Esau ƒe vedzɔ, Yakob, be wòagaɖe Kanaan nyɔnu o. (Mose I, 28:1, 2) Isak se Rebeka ƒe nyaa gɔme. Srɔ̃tɔ siawo ɖo dze tso ƒomekuxi sesẽ sia ŋu, eye wònye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí egbea. Ke ne srɔ̃tɔwo meva lɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi o ya ɖe? Nukae woate ŋu awɔ?\nNe Nukpɔsusuwo To Vovo\nNe mia kple srɔ̃wò ƒe susu mewɔ ɖeka le nya aɖe ŋu o la, mègazi kpi nànɔ ekpɔm ko o. Esia aɖee fia be nya la medzɔ dzi na wò o, eye be mèdi be srɔ̃wòa hã nakpɔ dzidzɔ o. Ke hã, ɖewohĩ srɔ̃wòa manya nusi tututu dim nèle alo alesi tututu nèle sesem le ɖokuiwò me o.\nAhiã be mia kple srɔ̃wòa miadzro nyaa me. Ne dzikunyae la, ɖewohĩ manɔ bɔbɔe be miagbɔ dzi ɖi na mia nɔewo o. Isak dzilawo, Abraham kple Sara, ɖo kuxi sesẽ aɖe me ɣeaɖeɣi. Esi Sara nye konɔ ɣemaɣi ta la, ewɔ nusi amewo lɔ̃a wɔwɔ, hetsɔ eƒe kosi Hagar na srɔ̃a, bene wòadzi vi na yewo. Hagar dzi ŋutsuvi na Abraham, si ŋkɔe nye Ismael. Gake emegbe Sara ŋutɔ hã va fɔ fu hedzi ŋutsuvi na Abraham, si wotsɔ ŋkɔ na be Isak. Esi Sara tso no na Isak vɔ la, ede dzesii be Ismael nɔ anyra wɔm le Isak ŋu. Eyata esi Sara kpɔe be ye via ƒe agbe ɖo afɔku me la, eƒoe ɖe Abraham nu be wòanya kosia kple via Ismael. Ẽ, Sara ɖe eƒe seselelãme gblɔ tẽ. Gake eƒe didia medzɔ dzi na Abraham kura o.\nAleke wokpɔ kuxia gbɔe? Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: \"Mawu gblɔ na Abraham bena: Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara le nusianu, si wòdi tso gbɔwò la me, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.\" Abraham ɖo to Yehowa Mawu ƒe gbe hewɔ ɖe edzi.—Mose I, 16:1-4; 21:1-14.\nÐewohĩ àgblɔ be: 'Ne ɖe míase Mawu ƒe gbe tẽ tso dziƒo la, ekema míalɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi bɔbɔe hafi.' Esia kplɔ mí va ɖo nu vevi bubu si nana wokpɔa srɔ̃ɖeɖe me nyaʋiʋliwo gbɔ la dzi. Srɔ̃tɔwo ate ŋu aɖo to Mawu ƒe gbe. Le mɔ ka nu? To Mawu ƒe Nya la xexlẽ ɖekae kple nusi wògblɔ tso Mawu ƒe mɔfiafia ŋu la dzi wɔwɔ me.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.\nSrɔ̃nyɔnu Kristotɔ kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be: \"Ne ɖetugbi aɖe va be maɖo aɖaŋu na ye tso eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, mebianae be woa kple srɔ̃a woxlẽa Biblia ɖekae hã. Srɔ̃tɔ siwo dome kuxiwo ɖona la dometɔ akpa gãtɔ mexlẽnɛ ɖekae o.\" (Tito 2:3-5) Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso nusi nɔvinyɔnu sia kpɔ de dzesi la me. Mia kple srɔ̃wò mixlẽ Mawu ƒe Nya la ɖekae edziedzi. Esia ana \"miaƒe to ase\" nusi Mawu gblɔ tso alesi mianɔ agbee gbesiagbe ŋu. (Yesaya 30:21) Gake míaɖo afɔ afɔ ta na mi: Mègalé mawunyakpukpui siwo dzi nèsusu be ye srɔ̃ mele wɔwɔm ɖo o la ɖe nu, wòazu ati nàtsɔ nɔ eƒom o. Midze agbagba boŋ miakpɔe ɖa be aleke mia kple evea miate ŋu atsɔ nusiwo miexlẽna la awɔ dɔe hã.\nNe miele kuxi sesẽ aɖe gbɔ kpɔm la, ɖe manyo be miadi nya tso nusi koŋ le fu ɖem na mi la ŋu le Watch Tower Publications Index (Index des publications de la Société Watch Tower) * me oa? Ðewohĩ èle dziwòla tsitsiwo gbɔ kpɔm, si wɔe be masɔmasɔwo ɖo miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Le esi teƒe be mianɔ glãka hem le nusi wòle be miawɔ alo nusi mele be miawɔ o ŋu la, ɖe manyo be mianɔ anyi ɖekae adi kuxia gbɔkpɔnu le Index la me oa? Gbã la midi tanya gã si nye \"Parents\" (Dzilawo). Miate ŋu awɔ numekuku le agbalẽ siwo woyɔ le tanya sue si nye \"caring for aged parents\" (\"prendre soin des parents âgés\") (dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ) te. Mixlẽ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo ku ɖe miaƒe kuxia ŋu ɖekae. Ðewohĩ nusiwo miakpɔ le Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo me, siwo kpe ɖe Kristotɔ geɖe siwo di vevie be yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ ŋu, la awɔ nuku na mi.\nAgbalẽawo didi kple wo me nyawo xexlẽ ɖekae akpe ɖe mia ŋu miakpɔ ta na miaƒe kuxiawo. Miakpɔ mawunyakpukpui siwo ana mianya Mawu ƒe susu le nyaa ŋu. Midi mawunyakpukpuiawo, eye mixlẽ wo ɖekae. Nyateƒee, miase nya si Mawu agblɔ na mi le miaƒe kuxia ŋu!\nDzeɖoɖomɔnua Nenɔ Ʋuʋu Ði\nÈtee kpɔ be yeaʋu ʋɔ aɖe si womegaʋu kpɔ o la kpɔa? Asesẽ vie hafi nàte ŋu aʋui le esi ga siwo le ʋɔa ŋu la lé ɣebia ta. Ke ne woʋua ʋɔa edziedzi hedea ami eƒe gawo me ya ɖe? Eʋuʋu anɔ bɔbɔe. Nenema kee wòle le dzeɖoɖo hã gome. Ne mieɖoa dze edziedzi, eye mielɔ̃a mia nɔewo vevie abe Kristotɔwo ene la, ekema miate ŋu aɖe miaƒe susuwo agblɔ bɔbɔe ne nya sesẽwo do mo ɖa kura gɔ̃ hã.\nEhiã be miawɔe godoo. Togbɔ be dzeɖoɖo gɔme toto bia agbagbadzedze geɖe hã la, midze agbagba miawɔe. Ekema mia kple srɔ̃wò dome anɔ nyuie, eye esia ana nugɔmesese na mia nɔewo ava zu numame na mi.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 22 Yehowa Ðasefowoe tae.\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nNe masɔmasɔwo do mo ɖa la, ɖe miadi Mawu ƒe mɔfiamea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060415\/Nu-Vevi-Siwo-Akpe-%C3%90e-%C5%8Auw%C3%B2-N%C3%A0%C9%96o-Dze-Kple-Sr%C9%94%CC%83w%C3%B2\/","date":"2020-02-17T10:40:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875141806.26\/warc\/CC-MAIN-20200217085334-20200217115334-00084.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991765022,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991765022277832}","num_words":1894,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyateƒetoto—Ame Bubuwo Si Koe Nèdinɛ Tsona?\nNYƆNUVI ƒe 16 vi aɖe gblɔ be: \"Melé fu aʋatsokaka, eye nyemedina kura be woablem o!\" Ame sia ame kloe sena le eɖokui me nenema. Míedina be nya ɖe sia ɖe si woagblɔ na mí la nanye nyateƒe, eɖanye to nyagbɔgblɔ alo agbalẽŋɔŋlɔ dzi o. Gake ɖe mía ŋutɔwo míetoa nyateƒe na ame bubuwoa?\nLe numekuku aɖe si wowɔ le Germany me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be, \"naneke megblẽ le aʋatsokaka le nu suewo me be woatsɔ akpɔ ame ɖokui alo ame bubuwo ta tso afɔku me ŋu o; ehiã vevie kura gɔ̃ hã hafi amewo nate ŋu anɔ anyi kple wo nɔewo le tomefafa me.\" Eye nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: \"Nyateƒetoto ɣeawokatãɣi nye nudzeamewɔwɔ ya, gake enana agbenɔnɔ sesẽna.\"\nÐe míedina tsoa amewo si be woato nyateƒe, evɔ míawo ya míesusuna be susu nyuiwo li siwo tae mele be míato nyateƒe oa? Míeto nyateƒe alo míeɖato nyateƒe o, ɖe wòle veviea? Nu kawoe dona tsoa nyateƒematomato me?\nNu Si Nyateƒematomato Gblẽna\nBu nu si nyateƒematomato gblẽna ŋu kpɔ. Aʋatsokaka nana be srɔ̃tɔwo kple ƒometɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o. Nya si mele eteƒe o gbɔgblɔ tso ame ŋu ate ŋu agblẽ ŋkɔ nyui si le amea ŋu. Dɔwɔlawo ƒe fififi ate ŋu awɔe be dɔwɔƒe aɖe ƒe gazazãwo nadzi ɖe edzi madzemadzee. Dukɔmeviwo ƒe aʋatsokaka le adzɔxenyawo me wɔnɛ be dziɖuɖuwo mekpɔa ga si hiã be woatsɔ akpɔ dukɔa ƒe nuhiahiãwo gbɔ o. Numekulawo ƒe aʋatsonyatakakawo wɔnɛ be dɔ gena le wo si, eye wòhea vlododo vaa dɔwɔƒe si da megbe na wo le numekukua wɔwɔ me la dzi. Mɔ fitifitiwo dzi toto be woazu gatɔ kaba nana be gasitsalawo ƒe agbemekesinɔnuwo katã dome gblẽna, alo egblẽa nu geɖe wu ema gɔ̃ hã. Eya ta mewɔ nuku o be Biblia gblɔ na mí be nu siwo Yehowa Mawu lé fui la dometɔ ɖekae nye \"aʋatsoɖe\" kple \"amesi ɖua aʋatsoɖasefo.\"—Lododowo 6:16-19.\nAʋatsokaka si de du ate ŋu agblẽ nu le ame ɖekaɖekawo kple du blibo siaa ŋu. Ƒã hafi ame aɖe atsi tre ɖe nya sia ŋu. Ke, nu ka tae amewo ɖonɛ koŋ kaa aʋatso? Eye ɖe nyateƒematomato ɖe sia ɖe nye aʋatsokakaa? Míaɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nAʋatsokaka nana be srɔ̃tɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070201\/Nyate%C6%92etoto-Ame-Bubuwo-Si-Koe-N%C3%A8din%C9%9B-Tsona\/","date":"2020-02-28T12:55:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875147154.70\/warc\/CC-MAIN-20200228104413-20200228134413-00050.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993433356,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993433356285095}","num_words":391,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!\nWOYƆE be 'amesiwo katã xɔna sena la fofo.' (Romatɔwo 4:11) Nɔnɔme ma kee nɔ srɔ̃a lɔlɔ̃a hã si. (Hebritɔwo 11:11) Amesiawoe nye blemafofo mawuvɔ̃la Abraham kple srɔ̃a, Sara, si hã vɔ̃a Mawu. Nukata wonye xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo nenema gbegbe ɖo? Tetekpɔ siwo me woto dometɔ aɖewo ɖe? Viɖe kae le woƒe agbemeŋutinya ŋu na mí?\nAbraham ɖe xɔse fia esime Mawu gblɔ nɛ be wòadzo le wo de. Yehowa gblɔ be: \"Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi!\" (Mose I, 12:1) Blemafofo wɔnuteƒe sia ɖo to, elabena wogblɔ na mí be: \"Le xɔse me Abraham ɖo to, esime woyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.\" (Hebritɔwo 11:8) Bu nusi ʋuʋu ma bia ŋu kpɔ.\nAbraham nɔ Ur, le afisi nye anyiehe Iraq fifia. Ur nye Mesopotamiatɔ siwo tsaa asi kple dukɔ siwo nɔ Persia-ƒukɔmea, kpakple ɖewohĩ Indus-balia, me tɔwo, ƒe asitsaƒe kpɔdzidzedze aɖe. Aƒetɔ Leonard Woolley, amesiwo ku Ur-dudoa ɖe ɖoɖo nu ƒe tatɔ gblɔ be le Abraham ƒe ɣeyiɣia me la, anyikpewoe wotsɔ tu aƒe geɖee le afima, zrɔ̃a wo ŋu hesia akalo na wo. Le kpɔɖeŋu me, afima tɔ kesinɔtɔ aɖe ƒe aƒe nye dziƒoxɔ tuɖedzi eve, eye wode siminti aƒea me. Xɔ siwo le gɔmea nye aƒea me tɔwo kple amedzrowo tɔ. Wotsɔ ati tɔ kpɔ ɖe xɔ siwo le dzisasrã evelia dzi siwo woɖo ɖi na ƒomea me tɔwo be woazã ŋu. Woolley gblɔ be aƒe siawo siwo me xɔ 10 va ɖo 20 nɔna la, nye \"esiwo me keke nyuie si sɔ na agbenɔnɔ si me dzidzeme le, eye wonye esiwo me Ɣetoɖoƒetɔ agbeɖulawo nɔna.\" Aƒe siawo \"ɖe dzesi be wonye amesiwo ƒe ŋku ʋu ƒe aƒewo eye wokpɔ dugãmenɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.\" Nu geɖee Abraham kple Sara tsɔ sa vɔe be woaɖo to Yehowa esime wogblẽ aƒe sia tɔgbe ɖi be woaɖa nɔ agbadɔwo me.\nXaran si nye du le Mesopotamia ƒe dziehe ye Abraham kple eƒe ƒomea ʋu ɖanɔ gbã hafi va ʋu emegbe yi Kanaan. Mɔa ƒe didime anye kilometa 1,600 lɔƒo—mɔ si zɔzɔ asesẽ na srɔ̃tɔ tsitsiwo ŋutɔ! Abraham xɔ ƒe 75 eye Sara xɔ ƒe 65 esime wodzo le Xaran.—Mose I, 12:4.\nAlekee Sara anya se le eɖokui me esime Abraham gblɔ nɛ be yewogbɔna dzodzo ge le Ur? Dzodzo le aƒe si me nɔnɔ ametakpɔkpɔ kple dzidzeme le ava nɔ dzronyigba aɖe si dzi nɔnɔmeawo made ame dzi le o, ahanɔ agbe tsɛ la ate ŋu ate ɖe Sara dzi. Ke hã, Sara bɔbɔ eɖokui, hetsɔ Abraham be yeƒe \"aƒetɔ.\" (Petro I, 3:5, 6) Agbalẽnyala aɖewo tsɔ esia be enye alesi Sara \"wɔa nui ɖaa, tsɔ dea bubu eŋui,\" si fia \"nɔnɔme nyui siwo dzena le eƒe nuwɔnawo me.\" Gake ƒo wo katã ta la, Sara ka ɖe Yehowa dzi. Eƒe ɖokuibɔbɔ kple eƒe xɔse nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo.\nTogbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela aɖewo dzo le wo de be woaɖa ɖe gbeƒã le dukɔ bubuwo me hã la, le nyateƒe me la, womebia tso mía si be míadzo le mía de be míaɖo to Mawu o. Teƒe ka kee míeɖa subɔ Mawu le o, ne míetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ko la, akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.—Mateo 6:25-33.\nSara loo alo Abraham ƒe nyametsotso si wowɔ la meve wo o. Apostolo Paulo gblɔ be: 'Nenye ɖe woɖoa ŋku anyigba, si dzi wodo tso la, anye ne wokpɔ vovo gbugbɔ yi.' Gake wometrɔ yi o. Esi woka ɖe Yehowa dzi be enye \"teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie\" ta la, woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se. Ele be míawo hã míaxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ase be míayi edzi asubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo.—Hebritɔwo 11:6, 15, 16.\nGbɔgbɔ Kple Ŋutilã me Kesinɔnuwo\nEsi Abraham ɖo Kanaan megbe la, Mawu gblɔ nɛ be: 'Wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba sia ana.' Abraham lɔ̃ ɖe edzi eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ \"Yehowa ŋkɔ le afima.\" (Mose I, 12:7, 8) Yehowa na kesinɔnu geɖe su Abraham si, eye amesiwo nɔ eƒe asaɖaa me sɔ gbɔ ŋutɔ. Esi wònye be ɣeaɖeɣi ete ŋu ƒo ŋutsu 318, siwo nya aʋawɔwɔ siwo nye kluvi siwo wodzi le eƒeme nu ƒu ta la, wobui be \"amesiwo katã nɔ eƒe asaɖaa me awu akpe ɖeka.\" Aleke kee wòɖanɔ o, amewo bui be enye \"Mawu ƒe ame ɖoɖoa.\"—Mose I, 13:2; 14:14; 23:6.\nAbraham xɔ ŋgɔ le subɔsubɔnyawo me hefia amesiwo le eƒeme la be \"woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui.\" (Mose I, 18:19) Dzidzedze si Abraham kpɔ le nufiafia eƒemetɔwo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahawɔ nu dzɔdzɔe me ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu anye dzideƒo na ƒometa Kristotɔwo egbea. Eyata mewɔ nuku be Sara ƒe kosi tsitsitɔ, Hagar Egiptetɔ la, kple Abraham ƒe vi Isak ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o.—Mose I, 16:5, 13; 24:10-14; 25:21.\nAbraham Nye Ŋutifafame\nAbraham ƒe agbe me nudzɔdzɔwo ɖee fia be enye mawumeme. Le esi teƒe be dzre nanɔ eƒe lãnyilawo kple etɔɖiayɔvi Lot tɔwo dome la, edo susua ɖa be yewoaklã yewoƒe asaɖawo ɖa tso wo nɔewo gbɔ, eye wòkpe Lot si nye ɖevia be wòatia anyigba si wòlɔ̃ gbã. Abraham nye ŋutifafame.—Mose I, 13:5-13.\nNe eva hiã be míate tɔ ɖe míaƒe gomenɔamesi dzi alo aɖe mɔ le mía ɖokui ŋu be míana ŋutifafa nanɔ anyi la, míate ŋu aɖo ŋku edzi be Yehowa mena Abraham kpe fu le esi wòna Lot wɔ tiatia gbã ta o. To vovo na ema la, Mawu do ŋugbe na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le ema megbe be yeatsɔ anyigba si Abraham ƒe ŋku te ŋu kpɔ le goawo katã me la ana wo. (Mose I, 13:14-17) Yesu gblɔ be: \"Woayra amesiwo léa avu la; [alo \"ŋutifafamewo,\" ne woaɖe egɔme tẽ] elabena woayɔ wo be mawuviwo.\"—Mateo 5:9.\nAmekae Anye Abraham ƒe Domenyila?\nTogbɔ be wodo dzidzimevi aɖe ƒe ŋugbe hã la, Sara tsi ko. Abraham tsɔ nyaa ɖo Mawu ŋkume. Eliezer, eƒe subɔvi lae anyi eƒe nunɔamesiwo katã domea? Ao, elabena Yehowa gblɔ be: \"Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.\"—Mose I, 15:1-4.\nKe hã, vi aɖeke menɔ wo si o, eye Sara si xɔ ƒe 75 la meganɔ mɔ kpɔm be yeafɔ fu o. Eyata egblɔ na Abraham be: \"Kpɔ ɖa, Yehowa xe nye vidzidɔ, eyata dɔ kple nye kosi la, ɖewohĩ maxɔ mamayɔvi mahĩ?\" Esia ta Abraham ɖe Hagar wòzu srɔ̃a evelia, eye wòdɔ kpli wòfɔ fu. Ke esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, ete eƒe aƒenɔ kpɔkpɔ ɖe ƒomevii. Sara he nya ɖe eŋu vevie na Abraham eye wòbɔbɔ Hagar ɖe anyi, si na kosivi la si.—Mose I, 16:1-6.\nAbraham kple Sara wɔ nusi wosusu be enyo hesɔ ɖe nusiwo dzi wo ŋɔlimetɔwo lɔ̃na ɖo nu. Ke hã, menye Yehowa ƒe mɔ si dzi wòato ana woadzi Abraham ƒe dzidzimevi lae nye ema o. Le nɔnɔme vovovowo koŋ me la, míaƒe dekɔnuwo alɔ̃ ɖe nuwɔna aɖewo dzi be wosɔ, gake esia mefia kokoko be Yehowa da asi ɖe wo dzi o. Eƒe nukpɔsusu ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu ato vovo kura. Esia ta, ele be míadi Mawu ƒe mɔfiame, ado gbe ɖa be wòafia alesi wòdi be míawɔ nui la mí.—Psalmo 25:4, 5; 143:8, 10.\nNaneke 'Wɔwɔ Mesesẽ Akpa na Yehowa O'\nMlɔeba la, Hagar dzi viŋutsuvi si ŋkɔe nye Ismael na Abraham. Ke hã, menye eyae nye Dzidzimevi la o. Sara ŋutɔe adzi dzidzimevia togbɔ be etsi hã.—Mose I, 17:15, 16.\nEsime Mawu gblɔe eme kɔ ƒã be Sara ava dzi viŋutsuvi na srɔ̃a la, \"Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe tame bena: Alo ɖe woadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?\" (Mose I, 17:17) Mawudɔla aɖe ƒe gbedasia gbɔgblɔ si Sara se na 'wòko nu ɖe dɔ me.' Gake 'naneke wɔwɔ mesesẽ akpa na Yehowa o.' Ele be xɔse nanɔ mía si be ate ŋu awɔ nusianu si wòdi be yeawɔ.—Mose I, 18:12-14.\n\"[Xɔsee na] Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.\" (Hebritɔwo 11:11) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Sara dzi Isak, amesi ƒe ŋkɔ gɔmee nye \"Nukoko.\"\nMawu ƒe Ŋugbedodowo Dzixɔxɔse Bliboe\nYehowa ɖee fia be Isak ye nye dzidzimevi si wonɔ mɔ kpɔm na tso gbaɖegbe ke la. (Mose I, 21:12) Esia ta awɔ nuku na Abraham ŋutɔ esime Mawu bia tso esi be wòatsɔ via asa vɔe. Ke hã, nusiwo ta wòle be Abraham naka ɖe Mawu dzi bliboe la nɔ esi. Ðe Yehowa mate ŋu afɔ Isak ɖe tsitre tso ame kukuwo dome oa? (Hebritɔwo 11:17-19) Ðe Mawu meɖe eƒe ŋusẽ fia to ŋusẽdodo Abraham kple Sara ƒe vidzidzi ŋutete nukutɔe be wote ŋu dzi Isak oa? Esi Abraham xɔ ŋutete si le Mawu si be wònana Eƒe ŋugbedodowo vaa eme dzi se ta la, elɔ̃ faa ɖo to. Ele eme be woxe mɔ nɛ be mewu via ŋutɔŋutɔ ya o. (Mose I, 22:1-14) Ke hã, alesi Abraham wɔ nui le nya sia me kpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi wòasesẽe na Yehowa Mawu be wòatsɔ \"ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.\"—Yohanes 3:16; Mateo 20:28.\nMawu dzixɔse na eme kɔ na Abraham ƒã be dzidzimevi si anyi Yehowa ƒe ŋugbedodowo dome la mate ŋu aɖe trɔ̃subɔla siwo le Kanaan nyigba dzi la dometɔ aɖeke o. Aleke dzila mawuvɔ̃la nalɔ̃ be ye vi naɖe amesi mesubɔa Yehowa o? Eyata Abraham di srɔ̃nyɔnu si sɔ na Isak tso eƒe ƒometɔ siwo nɔ Mesopotamia, si didi wu kilometa 800 tso afisi wonɔ, la dome. Mawu yra ɖe ɖoɖo ma dzi to eɖeɖe fia be Rebekae nye nyɔnu si yetia be wòazu Isak srɔ̃ kple Mesia la mama dzi. Ẽ, Yehowa \"yra Abraham le nuwo katã me.\"—Mose I, 24:1-67; Mateo 1:1, 2.\nYayra na Dukɔwo Katã\nAbraham kple Sara ɖo kpɔɖeŋu nyui le tenɔnɔ ɖe dodokpɔwo nu kple Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔ se me. Ameƒomea ƒe etsɔme mavɔ nɔ te ɖe ŋugbedodo mawo ƒe emevava dzi, elabena Yehowa ka ɖe edzi na Abraham be: \"To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.\"—Mose I, 22:18.\nLe nyateƒe me la, Abraham kple Sara nye ame madeblibowo abe míawo ke ene. Ke hã, esime wokpɔ nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na wo dze sii la, wowɔ ɖe edzi enumake—metsɔ le eme nuka kee woaɖatsɔ sa vɔe o. Esia ta woɖoa ŋku Abraham dzi be enye 'Yehowa xɔlɔ̃' kple Sara be enye 'nyɔnu kɔkɔe, si kpɔ mɔ na Mawu.' (Yakobo 2:23; Petro I, 3:5) Ne míedze agbagba srɔ̃ Abraham kple Sara ƒe xɔse la, míawo hã míanɔ ƒomedodo xɔasi me kple Mawu. Míawo hã míate ŋu aɖe vi tso Yehowa ƒe ŋugbe xɔasi siwo wòdo na Abraham la me.—Mose I, 17:7.\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nLe Abraham kple Sara ƒe xɔse ta Yehowa yra wo wodzi vi le woƒe tsitsime\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nAbraham ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi wòwɔ dɔ ɖe Yehowa dzi be wòɖe mɔ eƒe Tenuvia ku","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040515\/Abraham-Kple-Sara-%C3%80te-%C5%8Au-Asr%C9%94%CC%83-Wo%C6%92e-X%C9%94se\/","date":"2020-02-27T08:57:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146665.7\/warc\/CC-MAIN-20200227063824-20200227093824-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982435703,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982435703277588}","num_words":1826,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be\nÐe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?\nYehowa Ðasefowo xɔe se be yewoke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ la ŋu. Ne ɖe womexɔe se nenema o la, anye ne woatrɔ woƒe dzixɔsewo. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be yewoakpɔ ɖeɖe, abe ale si ko subɔsubɔha bubu me tɔwo hã le mɔ kpɔm ene. Gake wonya hã be menye yewoƒe dɔe wònye be yewoatso nya me le ame siwo akpɔ ɖeɖe la ŋu o. Mlɔeba la, Mawue anye Ʋɔnudrɔ̃la la. Eyae atso nya me.—Yesaya 33:22.\nMawu ƒe Nya la ɖee fia be, mele be ame siwo woaɖe la nanɔ didim be yewoakpɔ ɖeɖe ko evɔ o, ke ele be woawɔ ɖe Ðela la ƒe mɔfiamewo dzi hã. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be tsaɖila aɖe bu le gbedadaƒo. Enɔ afi si wòato atrɔ yi aƒe la dim vevie. Nenye be aku atsi afi ma alo atsi agbe la anɔ te ɖe ale si wòawɔ nu ɖe kpekpeɖeŋu si woanae ŋu la dzi. Dada ate ŋu awɔe be wòagbe xɔnametɔ, alo ɖela aɖe ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ. Le go bubu me la, ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋua ɖokuibɔbɔtɔe bene wòaɖo afi si yim wòle la dedie.\nLe mɔ ma ke nu la, ame siwo awɔ ɖe ameƒomea Ðela, Yehowa Mawu, ƒe mɔfiamewo dzi lae akpɔ ɖeɖe. Ðeɖekpɔkpɔ nye Mawu ƒe nunana, ke hã menye ame sia amee akpɔ ɖeɖe o. Mawu ƒe Vi, Yesu, gblɔ be: \"Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, 'Aƒetɔ, Aƒetɔ,' ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme.\"—Mateo 7:21.\nYehowa Ðasefowo xɔe se be ame siwo ɖenɛ fiana be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se eye wowɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzi la koe Mawu aɖe. (Dɔwɔwɔwo 4:10-12) Na míakpɔ nudidi vevi etɔ̃ siwo ana woakpɔ ɖeɖe, siwo dze le Mawu ƒe Nya la me ɖa.\n(1) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\" (Yohanes 13:35) Yesu ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo to eƒe agbe tsɔtsɔ na ɖe ame bubuwo ta la ɖo kpe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi. Ame siwo lɔ̃a ame bubuwo la le nɔnɔme vevi si hiã hena ɖeɖekpɔkpɔ la ɖem le fiafiam.\n(2) Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: \"Mena wonya wò ŋkɔ la.\" (Yohanes 17:26) Yesu nya ale si gbegbe Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, Yehowa, nɔ vevie na Fofoa. Yesu do gbe ɖa be ye Fofo ƒe ŋkɔ \"ŋuti nakɔ.\" (Mateo 6:9) Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ bia be woanya eƒe ŋkɔa eye woaɖee afia be ŋkɔa le vevie hele kɔkɔe. Abe Yesu ene la, ele be ame siwo le didim be yewoakpɔ ɖeɖe la nazã Mawu ƒe ŋkɔa. Ehiã hã be woafia Mawu ƒe ŋkɔa kple eƒe nɔnɔmewo ame bubuwo. (Mateo 28:19, 20) Le nyateƒe me la, ame siwo yɔa Mawu ƒe ŋkɔa koe akpɔ ɖeɖe.—Romatɔwo 10:13.\n(3) Yesu gblɔ na Pontio Pilato be: \"Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.\" (Yohanes 18:36) Egbea la, ame ʋɛ aɖewo koe ɖenɛ fiana be yewoxɔ Mawu Fiaɖuƒea alo eƒe dziɖuɖu, si ƒe Fia Yesu nye la, dzi se. Woɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe habɔbɔwo boŋ ŋu. To vovo na esia la, ame siwo akpɔ ɖeɖe la, nɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe, eye wofiaa ame bubuwo ale si Fiaɖuƒea ahe gbɔdzɔe avae na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo katã.—Mateo 4:17.\nEsi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se nu tso nudidi siwo awɔe be woakpɔ ɖeɖe dometɔ aɖewo ŋu vɔ la, wobiae be: \"Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?\" Yesu ɖo eŋu be: \"Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.\" (Luka 18:18-30) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoaɖo nudidi siawo siwo ana woakpɔ ɖeɖe la gbɔ. Wokua kutri kpena ɖe ame bubuwo hã ŋu be woakpɔ ɖeɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20081101\/%C3%90e-Yehowa-%C3%90asefowo-X%C9%94e-Se-Be-Yewo-Koe-Akp%C9%94-%C3%90e%C9%96ea\/","date":"2020-02-18T14:11:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875143695.67\/warc\/CC-MAIN-20200218120100-20200218150100-00458.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979662895,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979662895202637}","num_words":633,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ Yesu ɖa, ekpla asi kɔ na ɖevi sue ma. Àte ŋu adze sii be Yesu léa be na ɖevi suewo vavã. Amesiwo le wo kpɔm la nye eƒe apostolowo. Nya ka gblɔm Yesu le na wo? Na míakpɔe ɖa.\nFifi laa ko Yesu kple eƒe apostolowo gbɔ tso didi aɖe ƒe. Le mɔa dzi la, apostoloawo ʋli nya le wo nɔewo dome. Eyata esi woɖo aƒe la, Yesu bia wo be: 'Nya ka ʋlim miele le mɔa dzi?' Le nyateƒe me la, Yesu nya nya, si ʋlim wole la. Gake ebia be yeakpɔ be apostoloawo agblɔe na ye hã.\nApostoloawo meɖo ŋu o, elabena wonɔ nya ʋlim le wo dometɔ, si ava nye gãtɔ la ŋu. Apostolo aɖewo di be yewoanye amegã wu bubuawo. Mɔ ka dzi Yesu ato agblɔe na wo be menyo be woadi be yewoanye gãtɔwo o?\nEyɔ ŋutsuvi sue la hetsɔe tsi tre ɖe wo katã ŋku me. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: 'Medi be mianya esia nyuie be, Ne mietrɔ zu abe ɖevi suewo ene o la, miayi ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me gbeɖe o. Amesi anɔ abe ɖevi sia ene lae nye gãtɔ le fiaɖuƒe la me.' Ènya nusita Yesu gblɔ nya sia?\nEyae nye be ɖevi suewo metsia dzimaɖi be yewoanye amegã alo woabu yewo wu ame bubuwo o. Eyata ele be apostoloawo nasrɔ̃ alesi woanɔ abe ɖeviwo ene le esia me, eye womaganɔ dzre wɔm ɖe gãnyenye ŋu o.\nYesu ɖe alesi wòléa be na ɖevi suewo la fia le ɣebubuɣiwo hã. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, ame aɖewo kplɔ wo vi suewo vɛ be woava kpɔ Yesu. Apostoloawo dze agbagba be woanya wo. Gake Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: 'Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena amesiwo le abe woawo ene la tɔe nye Mawu ƒe fiaɖuƒe la.' Eye Yesu xɔ ɖeviawo ɖe eƒe asiwo me heyra wo. Ðe menye dzidzɔ be míanya be Yesu lɔ̃a ɖevi suewo oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-%C9%96eviwo\/","date":"2020-06-06T15:21:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348513321.91\/warc\/CC-MAIN-20200606124655-20200606154655-00063.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995115995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995115995407104}","num_words":326,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame kawoe ayi dziƒo, eye nu ka tae?\nAme miliɔn geɖe ƒe didie nye be ne yewoku la, yewoayi aɖanɔ agbe le dziƒo. Yesu gblɔ be yeƒe apostolo wɔnuteƒewo anɔ agbe le dziƒo. Hafi Yesu naku la, edo ŋugbe be yeayi aɖadzra teƒe ɖo ɖi na wo le ye Fofo si le dziƒo la gbɔ.\nNu ka tae woafɔ amewo tso anyigba dzi be woaɖanɔ agbe le dziƒo? Nu kae woava wɔ le afi ma? Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be woava nye fiawo. Woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.\nAme nyuiwo katãe ayi dziƒoa?\nLe dukɔ geɖe me la, ame ʋɛ aɖewo koe nyea dziɖulawo. Esi wònye be Yesu afɔ ame aɖewo be woava nɔ agbe le dziƒo eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi ta la, míakpɔ mɔ be ame tiatia mawo anɔ ʋɛ. (Luka 12:32) Biblia yɔ ame xexlẽme si tututu aɖu fia kple Yesu.\nYesu dzra teƒe ɖo ɖi na eyomedzela aɖewo le dziƒo. Ènya nu si woava wɔ le afi ma?\nMenye dziƒoyilawo koe axɔ teƒeɖoɖo o. Yesu ƒe Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo anɔ agbe tegbee le paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi le anyigba dzi la me. (Yohanes 3:16) Ame aɖewo atsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ayi ɖe Paradisoa me. Eye woafɔ ame bubuwo hã tso ku me be woanɔ agbe le Paradisoa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131101\/ame-kawoe-ayi-dzi%C6%92o\/","date":"2020-06-05T06:30:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590348493151.92\/warc\/CC-MAIN-20200605045722-20200605075722-00117.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999068439,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990684390068054}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawusubɔsubɔ\nNu vevi eve aɖewo siwo dze le Biblia me ɖo nyabiase siawo ŋu.\nÐe ame ate ŋu asubɔ Mawu le mɔ si eya ŋutɔ di la nua?\nAleae Yesu, ame si ɖo Kristotɔnyenye anyi la, di be nuwo nanɔa?\n'Gbɔgblɔ be 'subɔsubɔha siae dzɔ dzi nam' koe nye nya?\nEtsɔmee wòava loo alo ɖe wòva xoxoa?\nÐe wòanya wɔ be mí amegbetɔ madeblibowo míanɔ kɔkɔea?\nGbedodoɖa\nÐe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe kuxiwo me ŋutɔŋutɔa?\nNe Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu kple maɖo wo ŋu o la nɔ te ɖe dziwò\nXlẽ nu tso nu si tae Mawu mebua míaƒe dzimaɖitsitsiwo nu tsɛ o la ŋu.\nKpɔ ale si gbedodo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me dea bubu Mawu kple Yesu siaa ŋui la ɖa.\nXlẽ nu tso ame si Biblia gblɔ be eya koe wòle be míado gbe ɖa na ŋu.\nXlẽ nu tso gbedodoɖa siwo Mawu mesena o kple ame siwo ƒe gbedodoɖa mesena o la ŋu.\nÐeɖekpɔkpɔ\nNu kae nye ɖeɖekpɔkpɔ? Nu kawo mee woɖe mí tsoe?\nNu ka tae wòle be Yesu naxɔ míaƒe nya ɖe akɔ? Yesu dzi xɔxɔ se koe hiã be míakpɔ ɖeɖea?\nAme geɖe nya nufiafia si nye be ɖe Yesu va ku ɖe mía ta be míakpɔ agbe. Gake aleke tututue eƒe kua ɖea vi na míi?\nAleke tafea ɖea ame tso nu vɔ̃ si me?\nAleke wòle be woanyrɔ amee, eye ɣekaɣie? Ðe nyɔnyrɔxɔxɔ klɔa nu vɔ̃wo ɖa? Vovototo kae le nyɔnyrɔxɔxɔ kple mawutsideta dome?\nYesu wɔ kpɔɖeŋu si ɖo nyabiase sia ŋu.\nÐe wòle be woagbugbɔ wò adzi hafi nànye Kristotɔa?\nNu Vɔ̃ Kple Tsɔtsɔke\nAdam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu, si wɔe be wova zu nu vɔ̃ mewo eye woƒe dzidzimeviwo katã nyi woƒe nu vɔ̃a dome, abe ale si ɖeviwo xɔa dɔléle tso wo dzilawo gbɔ ene.\nÐe nu vɔ̃ aɖewo lolo wu ɖewoa?\nBiblia gblɔ nu atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò natsɔ ake ne woda vo le dziwò.\nXlẽ nu tso nu siwo Biblia gblɔ be ame nawɔ be Mawu natsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee la ŋu\nAfi kae nya sia dzɔ tso? Eye vovototo kae le nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me kple nu vɔ̃ si mekplɔa ame yia ku me o dome?\nAleke nàwɔ anya ne èwɔ nu vɔ̃ si womatsɔ ake o?\nBiblia ƒo nu tso vi siwo wain kple aha sesẽ bubuwo ɖena ŋu.\nNe atamanono medze le Biblia me o ɖe, ke ɖe wòanya wɔ be míaɖo nya sia ŋua?\nEsi Biblia meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o ɖe, aleke míawɔ anya ale si Mawu bua nuwɔna siae?\nSubɔsubɔnuwɔnawo\nÐewohĩ vovototo si le nya si tututu Biblia gblɔ kple nya siwo amewo susu be Biblia gblɔ dome la awɔ nuku na wò.\nAleke Mawu sena le eɖokui me ne míezã nɔnɔmetatawo kple legbawo le esubɔsubɔ me?\nNe mehiã be Kristotɔwo nawɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi o ɖe, ke nu ka tae Biblia gblɔ be Sabat ƒe sea nye nubabla mavɔ?\nGbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana siae woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwoa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-dzix%C9%94sewo-kple-sub%C9%94sub%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2020-05-26T10:43:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347390755.1\/warc\/CC-MAIN-20200526081547-20200526111547-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968318939,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968318939208984}","num_words":507,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 1, 2000 Nukatae Nufitifitiwɔwɔ Bɔ Alea Gbegbe Ðo? Gbɔgbɔ ƒe Yi la Tsɔtsɔ Tsi Nufitifitiwɔwɔ Nui Ku Ðe Mawumenufiafia Ŋu Sesĩe Se Nusi Gbɔgbɔ La Agblɔ Ƒomegbenɔnɔ si Me Dzidzɔ le Hea Ame Bubuwo Vaa Mawu Gbɔe Srɔ̃kpekpe Dodzidzɔname Siwo Dea Bubu Yehowa ŋu Akpedada Na Yehowa—To Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me! Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000501\/","date":"2020-06-04T04:55:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347439019.86\/warc\/CC-MAIN-20200604032435-20200604062435-00331.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997707665,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977076649665833}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.192,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woho kple ŋusẽ, woƒe afɔkliwo ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim sesĩe! Sɔ sesẽ eneawo kple wo dolawo ƒe nɔnɔme na wòdze abe ɖe wole kpo ti ge ado le Biblia me ene! Sɔ gbãtɔa le ɣie, edola nye fia yeye si woɖo le ŋutikɔkɔe me. Sɔ si kplɔe ɖo la biã hɛ̃ abe dzo ene eye ame si le edom la ɖe ŋutifafa le anyigba bliboa dzi. Sɔ etɔ̃lia nyɔ yibɔɔ abe viviti ene eye edola lé nudanu eve ɖe asi eye wòle gbeƒã ɖem gbedeasi wɔnublanui si nye nuɖuɖu ƒe veve. Sɔ enelia fu kpii eye wòɖi ku glaŋ, si fia be ahe dɔléle kple nu bubu siwo ate ŋu awu ame la vɛ, eye edolae nye Ku. Tsiẽƒe si nye ameƒomea ƒe yɔdo le eyome tututu eye wòle ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖem ɖa!—Nyaɖeɖefia 6:1-8.\n\"Vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ esi mexlẽ nu tso sɔdola eneawo ŋu zi gbãtɔ. Mese le ɖokuinye me be Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea gbɔna, eye esi nyemedzra ɖo o ta la nyematsi agbe o.\"—Crystal.\n\"Esi mexlẽ nu tso sɔdola ɖedzesi ene siwo le sɔ siwo ƒe amadede le vovovo dom ŋu la, dzi dzɔm ŋutɔ. Esi meva se nu si ŋutegaa fia gɔme nyuie la, nu si wole tsitre ɖi na me va kɔ nam.\"—Ed.\nÐe nèse le ɖokuiwò me abe Crystal ene tso sɔdola ene siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me ŋu kpɔa? Alo ɖe nèse le ɖokuiwò me abe Ed enea? Le go evea siaa me la, sɔdola eneawo ƒe sɔdodoa nye nu siwo ŋu wonya nu tsoe nyuie le Nyaɖeɖefia si nye Biblia-gbalẽ mamlɛtɔ la me. Ènya be ŋutega siawo gɔme sese aɖe vi na wòa? Le mɔ ka nu? Mawu do ŋugbe be àte ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne èxlẽ Biblia, srɔ̃ nu tso eme, eye nènɔ agbe ɖe nu siwo le nyagblɔɖigbalẽ sia me nu.—Nyaɖeɖefia 1:1-3.\nTogbɔ be sɔdola eneawo ŋuti ŋutegaa nana ame aɖewo vɔ̃na hã la, menye taɖodzinuae nye be wòana míavɔ̃ o. Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔe be ŋutega sia doa ŋusẽ yewoƒe xɔse, eye wòna yewonɔa mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. Ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nyui sia wò hã! Míeɖe kuku yi nuxexlẽa dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2017-may\/s%C9%94dola-eneawo\/","date":"2020-06-02T20:40:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347426801.75\/warc\/CC-MAIN-20200602193431-20200602223431-00439.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998298943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982989430427551}","num_words":358,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nBosnia Kple Herzegovina\nJehovini svjedoci\np. fah 303\nBiH-71000 SARAJEVO\nBOSNIA AND HERZEGOVINA\n+387 33-65-32-58\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/bosnia-kple-herzegovina\/","date":"2020-07-05T07:48:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655887046.62\/warc\/CC-MAIN-20200705055259-20200705085259-00518.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992774129,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992774128913879}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nye Biblia Nusɔsrɔ̃ Noa Ƒe Aɖakaʋua Wotrɔ asi le Biblia-nusɔsrɔ̃ siawo ŋu na ɖevi siwo mexɔ wu ƒe etɔ̃ o. Wɔ nusɔsrɔ̃ sia ƒe kɔpi nàxlẽ na viwò. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Hebrivi Etɔ̃awo Kpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o. Fefeɣi Alo Anyinɔnɔ Kpoo Ɣi Hakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o. Apostolo Wuieveawo Kpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Noa Ƒe Aɖakaʋua Eʋegbe Noa Ƒe Aɖakaʋua https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012407\/univ\/art\/502012407_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/noa-%C6%92e-a%C9%96aka%CA%8Bua\/","date":"2020-07-08T12:29:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655896932.38\/warc\/CC-MAIN-20200708093606-20200708123606-00312.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984036088,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984036087989807}","num_words":115,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Kpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ m�� ɣesiaɣi be 'míadzi ha na Yehowa ahakafui.' (Ps 149:1) Wofiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mí le kpekpeawo me. (Ps 143:10) Zi geɖe la ɖetsɔlemetɔwo kple Biblia nusrɔ̃viwo yia ŋgɔ kabakaba ne wodze kpekpeawo dede gɔme.\nALE SI NÀWƆE:\nKpee enumake ne anya wɔ. Mele be míalala be míaɖo Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme anyi hafi akpee o.—Nyɖ 22:17\nGblɔ ale si míewɔa kpekpeawo nɛ eye nàƒo nu tso nu siwo míava srɔ̃ le kpekpe si akplɔe ɖo me la ŋu nɛ. Nu siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me: hamea ƒe kpekpewo ƒe amekpegbalẽvi, video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? kple Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu gbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 5 kple 7 lia\nNa kpekpeɖeŋu. Ðe wòhiã be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu be wòaɖo ʋu ava kpekpea alo atia awu si sɔ na kpekpea? Nɔ egbɔ le kpekpea me ne wò kplii miazã wò agbalẽwo. Ðee fia ame bubuwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept26-oct2\/%C9%96ets%C9%94lemet%C9%94wo-woade-kpekpeawo\/","date":"2020-08-04T00:14:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735836.89\/warc\/CC-MAIN-20200803224907-20200804014907-00402.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999540925,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995409250259399}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yosua Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yosua ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Yosua BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yosua Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yosua Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012394\/univ\/art\/502012394_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yosua\/","date":"2020-08-04T12:45:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735867.93\/warc\/CC-MAIN-20200804102630-20200804132630-00558.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986457229,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986457228660583}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.116,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu tame le nyatia ŋu ale be woase le wo ɖokuiwo me be yewosrɔ̃ nu vevi aɖe.\nALE SI NÀWƆE:\nBu nu siwo wò nyaselawo nya xoxo la ŋu. Mègagbugbɔ nu siwo nyaselawo nya xoxo la gblɔ dzro ko o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu woabu nyatia ŋu le mɔ bubu nu.\nKu nu me eye nàde ŋugble. Ne anya wɔ la, zã nyateƒenya siwo ŋu amewo menya nu boo tso o alo nyadzɔdzɔ yeyewo nàtsɔ aɖe susu veviwo me. De ŋugble le wò nyatia kpakple kadodo si le wò nyatia kple nyateƒenya siwo nèdi be yeazã le wò nuƒoa me dome la ŋu nyuie.\nNa woakpɔ ale si wò gbedeasia le vevie. Na wò nyaselawo nakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo me nyawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Ƒo nu tso kpɔɖeŋu, amewo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo koŋ siwo ka wò nyaselawo la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/18-nufiame-nan%C9%94-eme-na-nyaselawo\/","date":"2020-08-13T23:54:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998016417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980164170265198}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã?\nMawu ɖoa to dukɔ ɖe sia ɖe me tɔwo ƒe gbedodoɖa. (Psalmo 145:18, 19) Eƒe Nya, Biblia la, de dzi ƒo na mí be míagblɔ nya sia nya si le mía si la nɛ. (Filipitɔwo 4:6, 7) Ke hã, Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe gbedodoɖa aɖewo ŋu o. Le kp��ɖeŋu me, gbedodoɖa siwo wolé ɖe susu me hegbugbɔ nɔa gbɔgblɔm atraɖii la medzea Mawu ŋu o.\nGakpe ɖe eŋu la, Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo ɖonɛ koŋ dana le eƒe sewo dzi la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. (Lododowo 28:9) Le kpɔɖeŋu me, le Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu gbe toɖoɖo Israel vi siwo ɖi ʋufɔ la ƒe gbedodoɖawo. Eya ta eme kɔ ƒãa be hafi Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míaɖo nudidi aɖewo gbɔ.\nNu kae míawɔ be Mawu naɖo to mí?\nNe xɔse mele mía si o la Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo o. (Yakobo 1:5, 6) Ele be míaka ɖe edzi be eli eye wòtsɔa ɖe le eme na mí. Míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse ne míesrɔ̃a Biblia, elabena kpeɖodziwo kple nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la mee nana xɔse vavã sua ame si.\nEle be míado gbe ɖa tso dzi me le ɖokuibɔbɔ me. Yesu si nye Mawu ƒe Vi kura gɔ̃ hã bɔbɔ eɖokui esime wòdo gbe ɖa. (Luka 22:41, 42) Eya ta le esi míanɔ gbe ɖem na Mawu ne míele gbe dom ɖa nɛ teƒe la, ele be míadze agbagba anya eƒe nudidiwo to Biblia la xexlẽ me. Ekema míate ŋu ado gbe ɖa wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130801\/%C9%96e-mawu-%C9%96oa-to-gbedodo%C9%96awo-kat%C3%A3\/","date":"2020-08-15T08:48:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740733.1\/warc\/CC-MAIN-20200815065105-20200815095105-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957718253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957718253135681}","num_words":255,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta. 7 Oo Yehowa nye Mawu, wòe mesi tso.+ Ðem tso yonyemetilawo katã si me, eye nàxɔ nam.+ 2 Ne menye nenema o la, woavuvum* ʋayaʋaya abe ale si dzata vuvua nui ene,+Eye woalém adzoe le esi xɔnametɔ aɖeke meli o ta. 3 Oo Yehowa, nye Mawu, ne tɔnye medzɔ le esia me o,Ne mewɔ nu madzɔmadzɔ aɖe, 4 Ne meda vo ɖe ame si wɔ nyui nam la ŋuti,+Alo meha nye futɔ madzemadzee la,* 5 Ekema futɔ la neti yonyeme* eye eƒe asi nesu dzinye;Ne wòafanyam ɖe anyigba,Eye wòate nye bubu ɖe ke me. (Sela) 6 Oo Yehowa, tso le wò dziku me;Tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋu;+Dzɔ ŋunye, ne nàna woatso afia dzɔdzɔe nam.+ 7 Na dukɔwo naƒo xlã wò;Eye nàtso dziƒo ʋĩi aho ɖe wo ŋu. 8 Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.+ Oo Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye nu,Le nye fɔmaɖimaɖi la nu.+ 9 Meɖe kuku, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso. Ke na ame dzɔdzɔe la nali ke,+Elabena wòe nye Mawu dzɔdzɔetɔ la,+ ame si dzroa dziwo+ kple seselelãme ememetɔwo kpɔna.*+ 10 Mawue nye nye akpoxɔnu,+ eya, si nye dzi dzɔdzɔe tɔwo Xɔla.+ 11 Mawu nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe,+Eye Mawu gblɔa eƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo* ɣesiaɣi. 12 Ne ame aɖe gbe dzimetɔtrɔ la,+ enyrea eƒe yi;+Evu eƒe da me, eye wòna wòsɔ gbe na dada.+ 13 Edzra eƒe lãnuwo ɖo ɖi,Ena eƒe aŋutrɔ bibiawo sɔ gbe.+ 14 Kpɔ ame si fɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fu la ɖa;Efɔ xaxa ƒe fu, eye wòdzi alakpa.+ 15 Eɖe ʋe, eye wòku eme wògoglo;Gake eya ŋutɔ ge dze ʋe si wòɖe la me.+ 16 Vɔ̃ la atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi;+Eye eƒe ŋutasesẽ ava dze eya ŋutɔ ƒe dzodome. 17 Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta;+Eye madzi kafukafuha* na Yehowa,+ Dziƒoʋĩtɔ la,+ ƒe ŋkɔ.\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"woavuvu nye luʋɔ.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Evɔ meɖe asi le ame si boŋ lé fum madzemadzee ŋu la.\"\n^ Alo, \"nye luʋɔ yome.\"\n^ Alo, \"ame si doa dziwo kple ayikuwo kpɔna.\"\n^ Alo, \"kɔa fɔbuamenyawo ɖi.\"\n^ Alo, \"maƒo ha.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/7\/","date":"2020-09-23T16:38:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400211096.40\/warc\/CC-MAIN-20200923144247-20200923174247-00419.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983302951,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998330295085907}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.27,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tia teƒe kple ɣeyiɣi si sɔ be míadzro nyaa me. Nu kae nya sia fia?\nEnyo, bu ale si nàdi be wòawɔ nu ɖe ye ŋu la ŋu kpɔ. (Mateo 7:12) Ðe nàdi be wòagblɔe na ye le ame bubuwo ŋkume be yetso kadodoa mea? Ðewohĩ madi nenema o.\nNe anya wɔ la, anyo wu ne mègblɔe da ɖe telefon dzi nɛ be yetso kadodoa me alo ana wòanya to message alo e-mail dzi o. Ke boŋ, tia teƒe kple ɣeyiɣi si sɔ be miadzro nya vevi sia me.\nNu kae nàgblɔ ne ɣeyiɣia de be nàɖe nu me nɛ? Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woato \"nyateƒe\" na wo nɔewo.—Efesotɔwo 4:25.\nMɔ nyuitɔe nye be nàɖɔ ŋu ɖo, gake nàte afɔ to sesĩe. Na eme nakɔ nɛ nyuie be yese le ye ɖokui me be yewoƒe kadodoa mate ŋu akpɔ dzidzedze o.\nMehiã be nàhe susu ayi eƒe vodadawo katã dzi alo aƒo nu tso nu siwo katã medo dzidzɔ na wò le eŋu o la o. Nyateƒeae nye be le esi nàgblɔ be, \"Mèwɔa nu sia\" alo \"Mèwɔa kemɛ gbeɖe o\" la, anyo wu be nàgblɔ nya siwo aɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me, abe \"Medi ame si tɔgbi . . . alo \"Mesusui be ele be míatso kadodoa me elabena . . .\"\nMenye ɣeyiɣi siae nàde axa na nyaa alo aɖe mɔ nɛ wòaxɔ ta le asiwò o. Eya ta nɔ ŋudzɔ ne ele agbagba dzem be yeato ayemɔ dzi atrɔ wò susu. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Lori gblɔ be: \"Esi metso kadodoa me megbe la, ŋutsuvi si menɔ gbe ɖom ɖi kple tsã la, va nɔ nublanuinuwo wɔm ɣesiaɣi. Menya be ɖe wònɔ ewɔm be mase veve ɖe ye nu. Gake nyemena eƒe nuwɔna sia na metrɔ susu o. Abe Lori ene la, nya nu si dim nèle. Lé wò nyametsotsoa me ɖe asi goŋgoŋ. Na wò ao nanye ao.—Yakobo 5:12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/%C9%96e-w%C3%B2le-be-m%C3%ADatso-m%C3%ADa%C6%92e-kadodoa-mea-akpa-2\/","date":"2020-09-26T12:56:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400241093.64\/warc\/CC-MAIN-20200926102645-20200926132645-00784.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951567054,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":5,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951567053794861}","num_words":311,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.\nKAAKAASAURUS\nBubune le ŋkeke baɖa aɖe me tom.Gbã akpaviã ɖu eƒe abolo eye wodzi be yeaɖu eƒe xɔlɔ̃ Salifu hã. Aleke woa nɔ? Manɔ bɔbɔeɖe kraa o.\nATIGLINYI LE XƆ LA ME.\nLinda kpɔ atiglinyi gã aɖe le eƒe xɔme.Gake atigliglinyi aɖe lee nyateƒea?Esi ame aɖeke me xɔese oa?\nFATI KPLE DETSI ZE LA.\nFati nye du sesῖe ƒula,eye woga ɖee fia le woƒe kamedefefe ŋkeke la dzi.Esi wotrɔ yi aƒeme la,ekpe ɖe dada ŋu woƒo fetri detsi.Detsi la ʋẽ nyuie eye wodzro Fati.Ŋutinya sia enye ŋutinye vavã aɖe si ɖe fia nyɔnuvi si tsitsim ƒe nɔnɔme tso Ghana ƒe dziehe.\nNe nuwo le totrom madzudzɔmadzudzɔe.\nDzi Fatima dzɔm tso nusiwo trɔna tɔa eme madzudzɔmadzudzɔe abe xexeame la ŋuti.Dzro agbalɛ sia me kple Fatima kpakple eƒe xɔlɔ̃wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee?changedLanguage=Ewe","date":"2020-10-22T01:36:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107878662.15\/warc\/CC-MAIN-20201021235030-20201022025030-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974920154,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974920153617859}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.196,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ\"\nBU KPƆÐEŊU nudzɔdzɔ si gbɔna ŋu kpɔ. Ŋɔdzinuwɔlawo wɔ dzaa va kaka sakpate ƒe dɔlékuiwo ɖe asitsaƒe gã etɔ̃ me le United States. Dɔlékuiawo de dɔ lãme na nuƒlela siwo menya nusi nɔ edzi yim o. Eteƒe medidi o—anɔ kwasiɖa ɖeka kple nu vi aɖe megbe la—ɖɔktawo va kpɔ dɔlélea le ame 20 ŋu. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, ame bubuwo xɔ dɔa. Amewo tsi dzodzodzoe. Zi tɔ. Nɔnɔmea wu tsɔtsɔ na lãmesẽnya gbɔ kpɔlawo. Wotu deawo. Ganyawo va le sesẽm. Le dɔlékuia wuwu ŋkeke blaeve vɔ ɖekɛ megbe la, ekaka ɖo nuto 25 kple dukɔ 10 me. Le ɣemaɣi me la, ame 16,000 sɔŋ xɔ dɔa eye ame 1,000 ku xoxo. Ðɔktawo bu akɔnta be le kwasiɖa etɔ̃ bubu me la, amesiwo agaxɔ dɔa adzi ɖe edzi aɖo 300,000. Amesiawo ƒe akpa etɔ̃lia aku.\nMenye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ŋutinyakpakpa ƒe sinima me nugbeɖoɖo aɖee esia nye o. Enye kɔmpiuta dzi wɔwɔfia aɖe si wowɔ si wotsɔ le nusi ate ŋu adzɔ la ɖem fia ne nɔnɔme dziŋɔ ma do mo ɖa. Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekuha aɖe si me ame xɔŋkɔwo le ye wɔ wɔwɔfia ma le June 2001 me. Wona ŋkɔe be \"Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ.\"\nLe ame geɖe gome la, \"Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ\" ƒe gɔmesese yeye va keke ta wu le ŋutasẽnuwɔna si dzɔ le September 11, 2001, megbe. Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York kple Amerika-srafowo ƒe Dɔwɔƒegã (Pentagon) si le Washington D.C. dzi dzedze ɖee fia kɔte be ŋutasẽla vɔ̃ɖi siwo me yɔ fũ kple fuléle ɖoe kplikpaa be yewoaɖe ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa zi ɖeka. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amedzidzedzea ɖo kpe edzi be United States kple dukɔ bubu ɖesiaɖe ɖo afɔku me. Míeva le xexe si me ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu aɖe ame akpe nanewo ƒe agbe ɖa zi ɖeka la me.\nLe September 11 ƒe amedzidzedzea megbe teti la, United States ƒe dunyahelawo kple nyadzɔdzɔgblɔlawoe va zu amesiwo koŋ woɖe ŋku tɔ be woatsɔ lɛta siwo me wotsɔ anthrax, si nye dɔlékui wuame, de la awu. Amewo nɔ vɔvɔ̃m. Nya si nyadzɔdzɔgblɔlawo kple ŋɔdzidoname ŋuti nunyala bibiwo do ɖa be ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu azã dɔlékui siwo vɔ̃ɖi wu anthrax—le kpɔɖeŋu me, dɔvɔ̃ aɖewo alo sakpate—la dzi amewo ƒe vɔvɔ̃ ɖe edzi. Ðewohĩ \"dukɔ dzeaglãwo\" le asi trɔm le dɔlékui siawo ŋu le agbɔsɔsɔ gã aɖe me xoxo le adzame. Bu nya siwo woŋlɔ ku ɖe nusia ŋu nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ:\n\"Xexeame Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ de dzesii be dɔlékuiʋawɔnuwo ƒe ŋɔdzidoname le dzidzim ɖe edzi eye be woate ŋu atsɔe ahe dɔvɔ̃ siwo ate ŋu akaka ɖe dukɔwo dome la vɛ. Dukɔ ɖesiaɖe ɖo afɔku me. Dɔlékui siwo nye sakpate, dɔvɔ̃, kple anthrax wuwu ɖe yame ate ŋu anye afɔku gã aɖe elabena ne edo mo ɖa la, ahe dɔléle kple ku vɛ eye ŋɔdzi gã aɖe alé amewo.\"—Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ.\n\"To vovo na bɔmbwo kple aɖiyawo la, dɔlékuiʋawɔnuwo ya ƒe nugbegblẽ le ame ŋu menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o: ɣeyiɣi si dɔlékuia xɔna hafi dzena le ame ŋu nana wòtsina ɖe ame ŋu vivivi eye menya kpɔna dzea sii kaba hã o. Gbã la, ame ʋɛ aɖewo ado ɖe kɔdzi. Woƒe dɔlélea ŋu dzesiwo ate ŋu aflu ɖɔktawo alo aɖi dɔléle siwo wonya gɔ̃ hã tɔ. Kaka dɔnɔdzikpɔlawo nava de dzesi kuxia la, dɔlélea kpe dugãwo ɖo xoxo.\"—Scientific American magazine.\n\"Ne wowu sakpate ƒe dɔlékuiwo ɖe yame egbea la, wɔna aɖeke manɔ xexeame nɔlawo ƒe akpa gãtɔ ŋu o, eye ne ete ŋu wua ame 30 le alafa me la, ke amesiwo ade biliɔn eve aku.\"—Foreign Affairs magazine.\n'Dukɔwo katã ɖo afɔku me. Dugã me nɔlawo katã ate ŋu axɔe. Ame biliɔn eve ate ŋu aku.' Ŋɔdzi le nya siawo ŋu ŋutɔ. Ke hã nukawoe fia be woate ŋu ava kaka dɔlékuiʋawɔnu siwo ahe afɔku vɛ? Eŋununyalawo bua biabia sia ŋu vevie. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàse nusiwo wòlɔ ɖe eme dometɔ aɖewo gɔme.\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nAsrafowo tso ɖe kpɔɖeŋu dɔlékuiʋawɔnu si wokaka ŋu ƒe wɔwɔfia\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]\nDoD photo by Cpl. Branden P. O'Brien, U.S. Marine Corps","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021008\/V%C9%94v%C9%94%CC%83m%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2020-12-02T07:30:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141692985.63\/warc\/CC-MAIN-20201202052413-20201202082413-00652.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985525608,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985525608062744}","num_words":668,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"40 Yehowa yi edzi gblɔ na Hiob be: 2 \"Ðe vɔ̃eɖenamela ate ŋu ahe nya kple Ŋusẽkatãtɔ la?+ Ame si be yele nya gbem na Mawu la neɖo eŋu.\"+ 3 Hiob ɖo eŋu na Yehowa be: 4 \"Kpɔ ɖa! Nyemedze o.+ Nya kae matsɔ aɖo eŋu na wò? Meɖo asi nu.+ 5 Meƒo nu zi ɖeka, eye meɖe nu le eme;Meƒo nu zi eve, eye nyemagagblɔ nya aɖeke akpee o.\" 6 Eye Yehowa ƒo nu na Hiob le ahom me be:+ 7 \"Meɖe kuku, bla ali dzi abe ŋutsu ene,Ne mabia nya wò nàɖo eŋu nam mase.+ 8 Ðe nàte ŋu atsɔ nya ɖe nye dzɔdzɔenyenye ŋua?* Ðe nàbu fɔm ne tɔwò nàdzɔa?+ 9 Ðe wò alɔkame sesẽ de Mawu vavã la tɔ nua,+Alo ɖe nàte ŋu aɖe gbe abe eya enea?+ 10 Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple gãnyenye ɖo atsyɔ̃e;Eye nàta bubu kple atsyɔ̃. 11 Trɔ wò dziku helĩhelĩ la ƒo ɖi;Di dadalawo katã ne nàɖiɖi wo ɖe anyi. 12 Di dadalawo katã ne nàbɔbɔ wo ɖe anyi,Eye nàfanya ame vɔ̃ɖiwo le afi si wole. 13 Ði wo katã ɖe ke me;Eye nàbla wo* ɖe teƒe ɣaɣla, 14 Ekema nye ŋutɔ malɔ̃ ɖe edzi na wò,*Be wò nuɖusi ate ŋu axɔ na wò. 15 Kpɔ Behemot* si mewɔ abe wò ke ene la ɖa. Eɖua gbe abe nyi ene. 16 Kpɔ ŋusẽ si gbegbe le eƒe ali meKple ŋusẽ triakɔ si le eƒe ƒodokawo me ɖa! 17 Elia eƒe asike abe sederti ene;Eƒe atagbomeka titriwo lɔ̃ ɖe wo nɔewo me. 18 Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga siwo me do le ene;Eƒe afɔwo sesẽ abe gayibɔkpɔtiwo ene. 19 Eyae nye gbãtɔ* le Mawu ƒe dɔwo dome.Ewɔla koe ate ŋu atsɔ yi ɖe eŋu. 20 Elabena nuɖuɖu miena ɖe towo dzi nɛ,Afi si gbemelãwo katã ɖia adzrɔ le. 21 Ŋùtiwo tee wòmlɔna,Eye wòbena ɖe aɖawo me, le tɔba me. 22 Ŋùtiwo doa vɔvɔli ɖe edzi,Amuti siwo le tɔʋuwo to la ƒo xlãe. 23 Ne tɔwo nyra hã, dzika metsoa eƒo o. Ne Yordan-tɔsisi+ le ƒoƒom ɖe nu ŋu nɛ hã, eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. 24 Ðe ame aɖe ate ŋu alée esime wòfɔ ŋku ɖe edzi gãa,Alo aƒo ga ɖe ŋɔti me nɛa?\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ado vlo nye dzɔdzɔenyenyea?\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"nàbla mo na wo.\"\n^ Alo, \"makafu wò.\"\n^ Ðewohĩ, \"tɔmenyi\" ye wowɔnɛ.\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Eyae le ŋgɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/hiob\/40\/","date":"2020-11-26T00:43:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141185851.16\/warc\/CC-MAIN-20201126001926-20201126031926-00228.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998865366,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988653659820557}","num_words":361,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.281,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 7 lia dzie wotu nusrɔ̃gbalẽvi sia ɖo. Kpɔe ɖa be esɔ be ame naxa nu ne eƒe ame vevi aɖe ku alo mesɔ o mahã. Àkpɔ ale si Mawu aɖe nuxaxa ɖa hã le nyati sia me.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BDvi\/ne-w%C3%B2-ame-vevi-a%C9%96e-ku-akpa-1\/","date":"2021-03-02T14:18:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178364008.55\/warc\/CC-MAIN-20210302125936-20210302155936-00566.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988000989,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988000988960266}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe nàte ŋu aɖo biabia siawo, siwo wotu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe 2019 me dzi la ŋua?\nNu kae ŋugbe si Mawu do be, \"Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o,\" la fia? (Yes. 54:17)\nAleke ale si Mawu wɔ nu ɖe Kanaantɔwo kple Israel-vi dzeaglãawo ŋu la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fiae?\nMawu drɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo me kple ame siwo wɔ fu ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo la siaa. Ke hã, eyra ame siwo ɖo toe eye wowɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie la.—w19.02, axa 22-23.\nNu kae wòle be míawɔ ne míele eteƒe esime dzimaxɔsetɔ aɖe le gbe dom ɖa?\nMíate ŋu azi ɖoɖoe ahawɔ nu bubutɔe, gake míagblɔ \"amen\" alo míalé ame bubu siwo le eteƒe la ƒe asi o. Míate ŋu atiae be míawo ŋutɔwo míado gbe ɖa le susu me.—w19.03, axa 31.\nAleke gbegbee gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye ŋkubiãnyae?\nGbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖevi ŋu nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖevia, hamea, kple setɔwo kpakple Mawu ŋu. Le dukɔ siwo me dukɔa ƒe se bia be ne wose be wotso ame aɖe nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woaɖaka eta na setɔwo la, hamemetsitsiwo dzea agbagba wɔa se mawo dzi.—w19.05, axa 9-10.\nAleke nàwɔ atrɔ wò tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò alo ana wòaganyo ɖe edzi?\nAfɔ vevi siwo nàte ŋu aɖe: Do gbe ɖa na Yehowa. De ŋugble kple susu be yeadzro ye ɖokui me. Tia xɔ̃wòwo le nunya me.—w19.06, axa 11.\nNu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo fifia be míate ŋu ado dzi le yometiti me?\nEhiã vevie be míana mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu. Ka ɖe edzi be elɔ̃ mí eye magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Nɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ gbe dom ɖa edziedzi. Ka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ava eme. Lé mawunyakpukpui veviwo kple míaƒe ha siwo kafua Yehowa la ɖe susu me.—w19.07, axa 2-4.\nNu kawoe míate ŋu awɔ be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu woakpɔ agbe?\nEle vevie ŋutɔ be míase nu gɔme na wo, míana míaƒe nuwɔna nyuiwo nanye ɖaseɖiɖi na wo, eye míagbɔ dzi ɖi na wo ahawɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe.—w19.08, axa 15-17.\nAleke míekpɔa gbɔdzɔe, abe ale si Yesu do ŋugbe le Mateo 11:28 ene?\nDzikpɔla lɔ̃amewo le mía si, zɔhɛ nyuitɔ kekeakewo le mía si, eye míele dɔ nyuit�� kekeake wɔm.—w19.09, axa 23.\nAleke Yehowa ate ŋu ana didia kple ŋusẽa mí be míawɔ nu si dzea eŋu? (Flp. 2:13)\nNe míexlẽa Mawu ƒe Nyaa eye míedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, Mawu ate ŋu ado ŋusẽ mí, le mɔ sia nu be, ana didia mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye ado ŋusẽ mí be míate ŋu awɔ nu si dzea eŋu. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe ŋutetewo naganyo ɖe edzi.—w19.10, axa 21.\nAfɔ atɔ̃ kawoe wòle be míaɖe hafi atso nya me le nu vevi aɖe ŋu?\nAfɔɖeɖe atɔ̃awoe nye esiawo: Ku nu me tsitotsito. Do gbe ɖa nàbia nunya. Dzro ɖokuiwò me nyuie nànya nu si ʋã wò nèdi be yeawɔ nu ma. Ðo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò. Da sɔ.—w19.11, axa 27-29.\nNya siwo Satana gblɔ na Xawa lae wɔe be amewo susu be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔwo mea?\nEdze ƒãa be menye nenemae o. Satana gblɔ na Xawa be mele kuku ge o, megblɔ nɛ be eƒe ŋutilã koe aku gake eƒe gbɔgbɔ ayi edzi anɔ agbe le teƒe bubu aɖe o. Woɖe alakpasubɔsubɔ katã ɖa le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. Anɔ eme be, amewo va xɔ luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa dzi se do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me Mawu tɔtɔ gbe na ame siwo nɔ Babel-mɔa tum la.—w19.12, p. 15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-december-2019\/%C3%A8%C9%96o-%C5%8Bku-wo-dzia-december-2019\/","date":"2021-03-09T05:05:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178385984.79\/warc\/CC-MAIN-20210309030723-20210309060723-00034.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952409863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952409863471985}","num_words":622,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"HONDURAS gɔmee nye \"Gogloƒe\" le Spaingbe me. Ðewohĩ Christopher Columbus ye zã nya sia tsɔ ɖɔ tsi siwo le Atlantik-ƒuta. Ame aɖewo gblɔ be afi mae Honduras kpɔ eƒe ŋkɔa tsoe.\nHondurastɔwo dea asixɔxɔ gã aɖe nuteƒewɔwɔ na ame ƒe ƒometɔwo kple nuwɔwɔ aduadu kpli wo ŋu ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a siaae tsoa nya me ɖekae le nya veviwo abe ga siwo woazã atsɔ akpɔ aƒea dzi kple ɖeviwo ƒe sukudede ene la ŋu.\nHondurastɔ akpa gãtɔ nye Mestizowo, si fia Europatɔ siwo ɖe anyigba ma dzi tɔwo ƒe viwo. Honduras vidzidziwo ƒe to aɖewo me tɔwo gakpɔtɔ li, wo dometɔ ɖekae nye Chortí. Honduras vidzidziwo ƒe to siwo dometɔ aɖewoe nye Garifunawo gblɔna be teƒe bubu aɖee yewo tɔgbuiwo tso va tsi afi ma.\nGarifunawo nye Afrikatɔwo kple Karib Indiatɔ siwo nɔ St. Vincent ƒukpo dzi la ƒe dzidzimeviwo. Le ƒe 1797 me lɔƒo la, Garifunawo va ɖo ƒukpo siwo woyɔna be Islas de la Bahía (Bay Ƒukpowo) la dzi. Emegbe wova tsi Karib Ƒutawo le Titina Amerika ƒe duwo me. Garifunawo tso afi ma kaka ɖe Titina Amerika kple Dziehe Amerika ƒe akpa vovovowo.\nGarifunawo lɔ̃a ɣeɖuɖu dzidzɔtɔe eye wonɔa ʋuwo ƒom. Woƒe dekɔnuwo dometɔ aɖewoe nye awu siwo le amadede vovovowo me, glitotowo kple nuɖuɖuwo abe ereba (enye abolo gbadza kpabɛ aɖe si wotsɔa agbeli wɔna) ene.\nYehowa Ðasefowo ƒe hame 400 aɖewoe le Honduras. Wowɔa kpekpewo le Spaingbe, Eŋlisigbe, Garifunagbe, Honduras Tokunɔgbe, Chinatɔwo ƒe Mandarin kple Miskitogbe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201504\/tsa%C9%96i%C9%96i-yi-honduras\/","date":"2021-05-09T03:08:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988953.13\/warc\/CC-MAIN-20210509002206-20210509032206-00154.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999252677,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992526769638062}","num_words":247,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAmekae Yehowa wɔnɛ be \"mía dometɔ ɖeka\" le Mose I, 3:22?\nAnye be Yehowa Mawu ŋutɔ ɖokui kple eƒe Tenuvia ŋue wònɔ nu ƒom tsoe esime wògblɔ be: \"Ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ̃.\" (Mose I, 3:22) Na míabu nusitae ŋu kpɔ.\nEsime Yehowa he to na srɔ̃tɔ gbãtɔawo megbee wògblɔ nya siawo. Ame aɖewo se nya \"mía dometɔ ɖeka\" gɔme be enye bubunu geɖe si dea dzesi gãnyenye, abe alesi ko fia si nye amegbetɔ agblɔ be \"medzɔ dzi na mí o\" evɔ wònye eya ŋutɔ ɖeka koe wòwɔnɛ hafi la ene. Gake Bibliaŋutinunyala Donald E. Gowan gblɔ le Mose I, 1:26 kple 3:22 ŋu be: 'Kpeɖodzi aɖeke mele Nubabla Xoxoa me le numeɖeɖe siwo wodo ɖa la ƒe akpa gãtɔ ŋu o: numeɖeɖe siawoe nye be 'mí' si ŋu nya gblɔm wole ye nye, 'mí' si le gbegbɔgblɔ aɖewo me fiaa gãnyenye, 'mí' si fiana be ame ŋutɔ yi ŋugble me le eɖokui me, 'mí' si wotsɔna tea gbe ɖe nya dzii, alo nane si fia be ame geɖewo ƒe ƒuƒoƒoe wɔ Mawu ƒokpli la. Gɔmesese boo aɖeke mele Mose I, 3:22, si me wogblɔ 'mía dometɔ ɖeka' le la me ɖeɖe siawo dometɔ aɖeke ŋu o.'\nÐe wòanye be Satana Abosam, amesi va wɔ \"nyui kple vɔ̃\" ŋuti nyametsotso le eɖokui si eye wòwɔe be amegbetɔ gbãtɔwo hã nawɔe nenema lae Yehowa wɔnɛa? Nunya manɔ ema me o. Le afisia la, Yehowa zã nyagbɔgblɔ si nye \"mía dometɔ ɖeka.\" Satana meganɔ Yehowa ƒe dɔla wɔnuteƒeawo dome o, eyata womate ŋu atsɔe akpe ɖe Yehowa ƒe akpadzinɔlawo ŋu o.\nMawudɔla wɔnuteƒewoe Mawu wɔnɛa? Míate ŋu agblɔe alea kple kakaɖedzi o. Gake alesi Mose I, 1:26 kple 3:22 ɖi wo nɔewoe kpe ɖe mía ŋu. Le Mose I, 1:26 la, míexlẽ be Yehowa gblɔ be: 'Na míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí.' Amekae wònɔ nya siawo gblɔm na? Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu ame deblibo Yesu ŋu la, egblɔ be: \"[Eyae] nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi.\" (Kolosetɔwo 1:15, 16) Ẽ, edze abe susu le eme be Yehowa ƒe Tenuvi, \"dɔnunɔla,\" si nɔ eŋu esime wònɔ dziƒo kple anyigbaa wɔm lae wònɔ nu ƒom na le Mose I, 1:26 ene. (Lododowo 8:22-31) Alesi Mose I, 3:22 me nyawo ɖii la fia be amesi te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eƒe Tenuvi, lae wòganɔ nu ƒom na.\nEdze ƒã be Mawu ƒe Tenuvi la nya nu tso \"nyui kple vɔ̃\" ŋu. Le ɣeyiɣi didi si wòtsɔ nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli ta la, ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ Fofoa ƒe tamebubu, gɔmeɖosewo, kple dzidzenuwo. Esi Yehowa ka ɖe alesi Via nya nusiawoe hewɔa nuteƒe le wo me léle ɖe asi me dzi ta la, anya na ablɔɖe aɖewoe le nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ me si mahiã be woabia Eyama tẽ o. Eyata le go siawo me la Vi la ate ŋu eye wona ŋusẽe hã be woatso nya me, le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Gake Vi la meɖo dzidzenu siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o, abe alesi Satana, Adam kple Xawa wɔe ene la o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031015\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2021-05-16T05:26:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989690.55\/warc\/CC-MAIN-20210516044552-20210516074552-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987150431,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987150430679321}","num_words":534,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2006 Ga Kple Mawu—Sosroɖa Wo Ŋuti Nufiame Aɖe Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me Nya Vevi Siwo Tso Nexemya ƒe Agbalẽ Me Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Meva Dze Si Eyama Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi La \"Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã\" Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060201\/","date":"2021-05-11T05:21:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991641.5\/warc\/CC-MAIN-20210511025739-20210511055739-00504.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991624355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991624355316162}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.197,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpekpeɖeŋu Kae Dzilawo Ate Ŋu Ana?\nSUKUDEDE ŋuti ɖoɖowɔhabɔbɔ aɖe si le United States (États-Unis) la tsɔ gbetɔame sia ɖo sukuvi siwo le xɔ mamlɛtɔ me la ŋkume be: \"Miɖe ale si gbegbe mielɔ̃ faa be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã le nusɔsrɔ̃ me la fia.\" Esi sukuviawo di vevie be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ ta la, wo dometɔ aɖewo srɔ̃ nu gbɔ woƒe ŋutete ŋu. Madeline Levine, si ŋu míeƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me la, ŋlɔ bena: \"Le sukunuwuwu kaba ƒe nufiaɖoɖoa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe la, wonaa sukuviwo gakpɔa gome le sukunusɔsrɔ̃ vovovo siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiaɖoɖoa ŋu, dzadzraɖowɔwɔ ɖe suku kɔkɔ dede ŋu, kple sukunufialawo kpakple mɔfiala tɔxɛwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ me, si wɔnɛ be ɖeɖi tea wo ŋu belibeli, eye gbɔgbɔtsixe tsia wo dometɔ geɖe ƒo ale gbegbe be wòate ŋu ade woƒe lãmesẽ afɔku me.\" Nu ate ŋu agblẽ le sukuvi siwo le nɔnɔme ma me ŋu le ŋutilã kple seselelãme gome.\nNe ètsi dzi ɖe ale si gbegbe sukugbanɔamedziwo naa nu tena ɖe viwò dzi ŋu la, ke ele be wò ŋutɔ nàyi sukua aɖaku nu me tso eŋu. Ðo dze kple nufialawo, sukuɖaŋuɖolawo, kple sukudzikpɔlawo. Gblɔ nu si nède dzesi le viwòa ŋu na wo. Gome le asiwò be nàte ɖe nufialawo ŋu.\nBiblia de dzi ƒo na dzilawo be woalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie ne wole tsitsim. Mose gblɔ na dzila siwo nɔ Israel dukɔa me be: \"Ku wo [Mawu ƒe seawo] ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.\"—5 Mose 6:7.\nÐetsɔtsɔ le viwòa ƒe sukudenyawo me vevie menye nudede sukuɖoɖoa me o. Ke boŋ efia be ètsɔ ɖe le eme na viwòa lɔlɔ̃tɔe. Eye esia ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le nuteɖeamedzi si ɖea fu na viwòa le suku la dzi ɖeɖe kpɔtɔ me.—g09 04-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\nƑo nu tso ale si gbegbe nu tena ɖe viwòa dzii la ŋu na eƒe nufialawo kple sukuɖaŋuɖolawo","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200904\/Kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-Kae-Dzilawo-Ate-%C5%8Au-Ana\/","date":"2021-06-12T13:45:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487584018.1\/warc\/CC-MAIN-20210612132637-20210612162637-00282.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980272055,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980272054672241}","num_words":342,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Suklidɔ—\"Adzamemewula La\"\nESI Ken xɔ ƒe 21 la, tsikɔwuame manyatalenu aɖe va te fuɖeɖe nɛ vevie. Enɔ aɖuɖɔ hã ɖɔm edziedzi—mlɔeba, le aɖabaƒoƒo 20 ɖesiaɖe lɔƒo megbe la, ehiã be wòaɖɔe. Eteƒe medidi o Ken ƒe afɔ kple abɔwo te ekpekpe vevie. Ðeɖi tea eŋu edziedzi, eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu nyuie o.\nNusi gbɔ wòtso la me va kɔ esime wɔɖi va ƒo Ken. Esi Ken yi ɖɔkta gbɔ wòdoe kpɔ la, edze be menye wɔɖi koe ƒoe o—ke suklidɔ Ha 1—alo kpuie ko la, suklidɔe nɔ fu ɖem nɛ. Lãmetsi aɖe ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie sia gblẽa nu le ŋutilãa ƒe ŋutete be wòawɔ nunyiame aɖewo, vevietɔ sukli si nɔa ame ƒe ʋu me, la ŋudɔ. Ken nɔ kɔdzi kwasiɖa ade hafi sukli agbɔsɔsɔme si nɔ eƒe ʋu me la ɖo nɔnɔme nyui me.\nƑe 50 kple edzivɔwo ƒe nudzɔdzɔe nye ma, eye atike siwo wòwɔ le ƒe mawo me la trɔ asi le nɔnɔmea ŋu geɖe. Ke hã, suklidɔa kpɔtɔ le Ken ŋu, eye menye eya ko ŋue wòle o. Wobu akɔnta be le xexeame godoo la, ame miliɔn 140 ŋue dɔlélea le, eye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be kaka ƒe 2025 naɖo la, xexlẽme ma ate ŋu adzi ɖe edzi teƒe eve. Eyata mewɔ nuku o be eŋunyalawo tsi dzi ɖe dɔlélea ƒe bɔbɔ ŋu. Ðk. Robin S. Goland, si nye suklidɔ ŋuti tikewɔƒe aɖe si le United States dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, gblɔ be: \"Le ame xexlẽme si gbegbe le dɔa xɔm ta la, esia ate ŋu anye dɔvɔ̃ aɖe ƒe gɔmedzedze.\"\nBu nyatakaka ʋɛ siwo tso xexeame godoo la ŋu kpɔ.\nAUSTRALIA: Australia-dukɔa ƒe Dukɔwo Dome Suklidɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be, \"suklidɔ le lãmesẽkuxi sesẽtɔwo kekeake dometɔ ɖeka hem vɛ le ƒe alafa 21 lia me.\"\nINDIA: Dɔa le ame miliɔn 30 ya teti ŋu. Ðɔkta aɖe gblɔ be, \"anye ƒe 15 enye si va yi la, ƒã hafi nàkpɔ ame aɖe si mexɔ ƒe 40 haɖe o nanɔ dɔ sia lém. Egbea la, dɔ sia le fu ɖem na amesiwo mekpɔ xɔ ƒe sia haɖe o la dometɔ ɖeka le eve ɖesiaɖe me.\"\nSINGAPORE: Suklidɔ le dukɔa me tɔ siwo le ƒe 30 kple 69 dome la ƒe akpa ɖeka kloe le etɔ̃ me ŋu. Wokpɔe le ɖevi geɖe—siwo dometɔ aɖewo xɔ ƒe ewo pɛ ko—ŋu.\nUNITED STATES: Dɔa dze amesiwo ade miliɔn 16 kloe dzi, eye ƒe sia ƒe la, wokpɔnɛ le ame bubu 800,000 lɔƒo ŋu. Dɔa le ame miliɔn geɖe ŋu gake ɖeko womenya haɖe o.\nAlesi suklidɔ te ŋu nɔa ame ŋu ɣeyiɣi didi hafi wova kpɔnɛ na be eŋuti tikewɔwɔ sesẽna ŋutɔ. Magazine si nye Asiaweek gblɔ be, \"esi suklidɔ ŋuti dzesi gbãtɔwo nu mesẽna boo o ta la, zi geɖe la womekpɔnɛ dzea sii kaba o.\" Esia tae woyɔ suklidɔ be adzamemewula ɖo.\nLe dɔ sia ƒe bɔbɔ kple alesi enu sẽnae ta la, nyati siwo kplɔe ɖo aƒo nu tso biabia siawo ŋu:\n● Nukae hea suklidɔ vɛ?\n● Aleke amesiwo ŋu dɔlélea le ate ŋu anɔ te ɖe enui?\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 4]\nNusita Woyɔnɛ Nenema\nWoɖe Eŋlisigbe me nya \"diabetes mellitus\" si wozãna na suklidɔ tso Helagbe me nya aɖe si fia be \"woayɔ tsi ado goe\" kple Latingbe me nya si fia be nane le \"vivim abe anyitsi ene\" la me. Nya siawo ɖɔ dɔlélea wòsɔ nyuie, elabena tsi dona le suklidɔléla ŋu abe ɖe woyɔ tsia tso eƒe nu me to eƒe aɖuɖɔtoe me do goe le ametia me ene. Gakpe ɖe eŋu la, aɖuɖɔa vivina abe sukli ene. Le nyateƒe me la, hafi woava ke ɖe suklidɔ ŋuti dodokpɔwɔmɔnu si nyo wu ŋu la, ɖe wòkɔa dɔnɔa ƒe aɖuɖɔ ɖe afisi anyidiwo le. Ne anyidiawo va ƒo zi ɖe aɖuɖɔa ŋu la, efia be sukli le eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030508\/Suklid%C9%94-Adzamemewula-La\/","date":"2021-06-14T18:45:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487613380.12\/warc\/CC-MAIN-20210614170602-20210614200602-00387.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990313053,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990313053131104}","num_words":609,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wole Gbɔdzɔe Dim Le Agbe Me\nGEORGE tɔtɔ. Mete ŋu le eƒe ƒomea ƒe nuɖunyawo gbɔ kpɔm ale si dze o. Azɔ hã, eƒe aƒelikawo le dɔ dzem, eye wòdze abe dɔwuame ɖe kpe na wo dometɔ aɖewo ene. Gake nuwo de ame dzi wu le dukɔ bubu si te ɖe wo ŋu la me. Egblɔ na eɖokui be: 'Mayi ablotsi aɖadi dɔ. Eyome mana nye ƒomea nava wɔ ɖeka kplim le afi ma.'\nPatricia hã nye ame bubu si susu be agbea adze edzi na ye le ablotsi. Dɔ menɔ esi o, eye mɔkpɔkpɔ meli be nuwo aka ɖe eme o. Wo kple eƒe ahiãvi woɖoe be yewoaʋu le Nigeria ahato Algeria ayi Spain, ke hã womenya afɔku si gbegbe le Sahara Dzogbe si woato la dzi o. Egblɔ be: \"Fu nɔ ƒonye, eye meɖoe kplikpaa be mana agbea nadze edzi na vinyea.\"\nRachel ʋu yi Europa kple susu be ganyawo ade ye dzi wu le afi ma. Enɔ Philippines hafi dɔ ge le esi, eye ƒometɔwo ka ɖe edzi nɛ be wole aƒemedɔwɔla geɖewo dim le ablotsi. Eya ta edo ga si wòatsɔ aɖo yameʋui heklã srɔ̃a kple vianyɔnu gblɔ bena, \"Eteƒe madidi hafi míagawɔ ɖeka o.\"\nWobu akɔnta be amewo abe George, Patricia kple Rachel ene, siwo ʋu yi duta le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la wu miliɔn alafa 200. Togbɔ be aʋawɔwɔ, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo yometiti tae wo dometɔ aɖewo ʋu hã la, ganyawo koŋ tae ame akpa gãtɔ ʋu ɖo. Kuxi kawoe wodoa goe le duta? Ðe agbea dze edzi na wo katã abe ale si wokpɔ mɔ nɛ enea? Aleke agbea nɔna na ɖeviwo ne wo dzilawo ʋu yi duta be yewoaɖadi ga? Bu biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ.\nMɔzɔzɔ Kple Dutanɔnɔ Me Kuxiwo\nMɔa ŋutɔ zɔzɔ ye nye kuxi gbãtɔ si ablotsiyilawo doa goe zi geɖe. Nuɖuɖu sue aɖe ko nue George, si ŋu nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me la, nɔ agbe ɖo le kilometa alafa geɖe ƒe mɔ si wòzɔ la me. Egblɔ be: \"Mɔzɔzɔa dzi ŋɔ ŋutɔ.\" Mɔzɔla geɖewo tsia mɔ ta.\nPatricia hã ƒe taɖodzinue nye be yeayi Spain. Eɖo agbatsɔʋu aɖe si kɔ wo to Sahara Dzogbe dzi. Egblɔ be: \"Mɔ si míezɔ tso Nigeria yi Algeria la xɔ kwasiɖa ɖeka, eye mí ame 25 ye mimi ɖe ʋua me. Míekpɔ ame kukuwo kple ame siwo le tsaglãla tsam le dzogbea dzi le woƒe ku lalam. Edze abe ʋukula aɖewo gblẽa ʋua ɖolawo ɖe mɔ dzi tagbɔsesẽtɔe ene.\"\nLe Rachel ya gome la, ete ŋu ɖo yameʋu yi Europa be yeaɖanye aƒemedɔwɔla. Gake esi wòɖo afi ma hafi wòva kpɔe be yele ye vinyɔnuvi si xɔ ƒe eve la susum vevie. Egblɔ be: \"Ɣesiaɣi si mekpɔ vidada aɖe wòle via gbɔ kpɔm la, meléa blanui ŋutɔ.\"\nAvu kple kɔe wònye na George hafi dutanɔnɔ va mae. Ɣleti geɖe va yi hafi wòte ŋu ɖo ga ɖe aƒe. Egblɔ be: \"Mefaa avi le zã me zi geɖe le akogotsitsi kple dziɖeleameƒo ta.\"\nLe Algeria nɔnɔ ɣleti geɖe megbe la, Patricia va ɖo Morocco ƒe de dzi. Egblɔ be: \"Afi mae medzi vinyenyɔnuvia le. Ele nam be manɔ bebem, bena amefila siwo ziaa nyɔnuwo dzi be woanye gbolowo la nagava lém o. Mlɔeba, mekpɔ ga si matsɔ azɔ ƒudzimɔ si me afɔku le la ayi Spain. Tɔdziʋu gbagbã aɖe si me womimi ame geɖe ɖo lae meɖo. Míaƒe afɔkpawoe míetsɔ nɔ tsia kpam le ʋua me be míaganyrɔ o! Esi tɔdziʋua ɖi go ɖe Spain la, ŋusẽ menɔ ŋunye be mazɔ ayi gota o.\"\nMenye afɔku si le mɔa zɔzɔ me la ŋu koe wòle be ame siwo di be yewoayi ablotsi la nabu o. Ale si dukɔ bubu me tɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo to vovoe, hekpe ɖe ga kple agbagbadzedze si wòbia be dumevinyenye ƒe gomenɔamesiwo nasu ame si la hã nye nu si ŋu wòle be woabu. Dɔwɔɖuikpɔkpɔ, xɔnyawo, sukudede kple kɔdziyiyi zua kuxi na ame siwo mete ŋu xɔ agbalẽ si aɖe mɔ na wo be woanɔ dukɔa me le se nu la o. Esesẽna hã be woaxɔ ʋukumɔɖegbalẽvi alo ada ga ɖe gadzraɖoƒe. Eye zi geɖe la, amewo tafaa wo heŋea woƒe fetuwo ɖe eme.\nGaa ŋutɔ hã nye nu bubu si ŋu wòle be ame nabu. Ðe gakpɔkpɔ ana ame nanɔ dedie ŋutɔŋutɔa? Biblia ɖo aɖaŋu nyui sia bena: \"Mèganɔ kutri kum, be nàkpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia! Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.\" (Lododowo 23:4, 5) Ðo ŋku edzi hã be ga mate ŋu aƒle nu siwo hiã mí wu le agbe me, abe lɔlɔ̃, dzidzeme kple ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ene o. Aleke gbegbe wòwɔ nublanuie nye esi be dzilawo naɖe mɔ gadidi nanɔ vevie na wo wu wo nɔewo alo wo viwo 'lɔlɔ̃'!—2 Timoteo 3:1-3.\nEhiã hã be mí amegbetɔwo míadze si Mawu. (Mateo 5:3) Eya ta dzila ɖɔŋuɖowo dzea agbagba ɖe sia ɖe be woatsɔ agbanɔamedzi si Mawu de wo si be woafia nu wo viwo tso Mawu, eƒe tameɖoɖowo kple nudidiwo ŋu.—Efesotɔwo 6:4.\nƑome Wɔɖeka—le Vevie Wu Gakpɔkpɔ\nAme siwo zɔa mɔ yia duta la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo le vovovo, gake nane ɖe dzesi le wo katã ŋu, abe ale si wòdze le George, Rachel kple Patricia ƒe ŋutinyawo me le nyati siwo do ŋgɔ la me ene. Ne dzila aɖe ʋu alo srɔ̃tɔ aɖe dzo le srɔ̃a gbɔ la, ƒomea me tɔwo kpea fu, eye ƒe geɖe tea ŋu va yina hafi ƒome bliboa gava wɔa ɖeka. Ƒe ene kple edzivɔ va yi hafi George kple eƒe ƒomea gava wɔ ɖeka.\nƑe atɔ̃ kloe megbe hafi Rachel gatrɔ yi Philippines be yeaɖakplɔ ye vinyɔnuvia. Patricia hã ƒe vinyɔnuvia nɔ esi me hafi wòva ɖo Spain mlɔeba. Egblɔ be: \"Eya koe nye nye ƒometɔ, eya ta meléa be nɛ nyuie.\"\nAme siwo ʋu la dometɔ geɖe doa dzi nɔa duta togbɔ be akogotsitsi kple gakuxiwo ɖea fu na wo, eye woklã tso woƒe ƒometɔwo gbɔ ɣeyiɣi didi hã. Le nu siwo gbegbe wotsɔ sa vɔe hafi ʋu ta la, ne nuwo medze edzi o gɔ̃ hã la, dzi menɔa wo dometɔ akpa gãtɔ ƒo wolɔ̃na ɖe edzi be nu glo yewo hetrɔna yia aƒe o, le ŋukpe ta.\nAme siwo ƒo dzi nɔ wotrɔ yi aƒe la dometɔ ɖekae nye Allan, si tso Philippines. Togbɔ be ekpɔ dɔ nyui aɖe le Spain hã la, etrɔ yi aƒe le ɣleti 18 megbe. Egblɔ be: \"Meva nɔ srɔ̃nye kple vinyenyɔnuvia susum vevie ŋutɔ. Metso nya me be nyemagaʋu ayi duta azɔ o, negbe ɖeko nye ƒomea ayi kplim. Ale ƒome bliboa va ʋu mlɔeba. Ƒomea le vevie sãsãsã wu gakpɔkpɔ.\"\nNu bubu aɖe hã le vevie wu ga, abe ale si Patricia va kpɔe dze sii ene. Etsɔ Biblia ƒe akpa si nye \"Nubabla Yeyea,\" alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe asi yi Spain. Egblɔ be: \"Mesusui be anye akpoxɔnu nam. Emegbe medo go nyɔnu aɖe si nye Yehowa Ðasefo. Tsã la, nyemelɔ̃na be maɖo dze kple ha sia me tɔwo o. Eya ta mebia nya geɖewo Ðasefoa kple susu be maɖee afiae be eƒe dzixɔsewo nye aʋatso. Gake eya boŋ te ŋu ʋli eƒe dzixɔsewo ta heɖo nye biabiawo katã ŋu tso Biblia me.\"\nNu si Patricia srɔ̃ la na wòkpɔe be menye afi si ame aɖe le alo ga ye ana dzidzɔ vavãtɔ kple mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le nasu esi o, ke boŋ sidzedze Mawu kple tameɖoɖo si le esi na mí ye. (Yohanes 17:3) Patricia gasrɔ̃e hã be ŋkɔ le Mawu vavã la si, si nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Exlẽe le Biblia me hã be Mawu ava to eƒe Fiaɖuƒea, si me Yesu Kristo nye dziɖula le la dzi aɖe ahedada ɖa keŋkeŋ kpuie. (Daniel 7:13, 14) Psalmo 72:12, 14 gblɔ be: \"[Yesu] aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.\"\nÐe manyo ŋutɔ be nàdi ɣeyiɣi adzro Biblia me kpɔ oa? Agbalẽ sia si me mawumenunya le la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuiwo, eye nàdo dzi le dodokpɔ siwo me tom nèle fifia la me le dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ me.—Lododowo 2:6-9, 20, 21.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201302\/ablotsiyiyi-e%C5%8Buti-dr%C9%94%E1%BA%BDwo-ale-si-w%C3%B2le\/","date":"2021-06-16T12:05:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487623596.16\/warc\/CC-MAIN-20210616093937-20210616123937-00067.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991456866,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991456866264343}","num_words":1344,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 285\nStanza 1\nNye xɔse wu mo dzi\nKpɔ wò l'a-ti ŋuti,\nNye ɖela gã!\nXɔ nye gbedodoɖa,\nKlɔ nye nu vɔ̃wo ɖa,\nNa mazu tɔwò faa\nTso egbe sia!\nStanza 2\nWò amenuveve\nNasɔ gbɔ ɖe dzinye,\nNàdo ŋusẽm!\nWòe ku ɖe tanye kpɔ,\nNa be nye lɔlɔ̃ hã\nNazu kɔkɔe vavã,\nAxɔ dzo keŋ!\nStanza 3\nMele mɔtatra vɔ̃m,\nŊɔdzi geɖe ƒo xlãm,\nVa kplɔm dedie!\nKlẽ nam le zã me hã,\nFa 'kɔ nam le fu me,\nMègana mabu mɔ\nTso gbɔwò o!\nStanza 4\nNe nye agbe va yi,\nNe ku ƒe tɔsisi\nLe dzinye tom,\nNye ɖela ŋusẽtɔ,\nÐem le fu mlɔɛtɔ me,\nXɔm ɖ'a-gbe ɖe gbɔwò\nYi mavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-285\/","date":"2021-09-23T18:17:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00260.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9931079745,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9931079745292664}","num_words":113,"character_repetition_ratio":0.008,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 281\nStanza 1\nWò, Aƒetɔ Yesu, dzi ko\nNye ŋuɖoɖo katã le.\nMenyae be wòe nye 'kɔfala,\nÐeke megali nam o.\nAmegbetɔvi aɖeke,\nMawu ƒe ɖɔla aɖeke\nMate ŋu aɖem gbeɖe o.\nWò yɔm mele,\nGbɔwò nye kpekpeɖeŋu le.\nStanza 2\nNu vɔ̃ gba la wu tsɔtsɔ nam,\nEvem vevie le dzi me.\nÐem tso nye nu vɔ̃wo keŋ me\nTo wò ku ƒe veve me!\nXɔ nya ɖe nunye le dziƒo,\nWò, si wɔ nu geɖewo nam;\nNenem mavo tso nu vɔ̃ me.\nNye xɔse, lé\nNu si ŋugbe nèdo nam la.\nStanza 3\nDo ŋusẽ nye ŋuɖoɖo la\nTo amenuveve me,\nBene makpɔ wò lɔlɔ̃ gã,\nSi kɔ wu nye susuwo.\nMalɔ̃ wò wu nu bubuwo,\nHanyevi abe nye ŋ'tɔ 'ne.\nNa xɔxɔ le nye kuku me;\nKuku ƒe ŋɔdzi\nNagaɖu dzinye gbeɖe o!\nStanza 4\nBubu na Mawu le dziƒo,\nSi nye nuwo katã tɔ,\nKple eƒe Vi, Yesu Kristo,\nSi dzɔa mía ŋuti ɖaa la,\nKpakple eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe,\nSi kpena ɖe mía ŋuti ɖaa,\nNa bena míanɔ kafuwòm\nTso afi sia\nYi ɖase mavɔmavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-281\/","date":"2021-09-27T06:28:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00136.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9927170873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9927170872688293}","num_words":178,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 201\nStanza 1\nMawu, wò si nye mía Fofo,\nVa dzra mí viwòwo keŋ ɖo,\nNe nàyra ɖe mía ŋutɔwo\nKple míaƒe nuwɔwɔwo dzi!\nStanza 2\nWotsɔ ɖevi sia va gbɔwò,\nXɔe, ne wòatrɔ zu tɔwò ko'\nLe wò tsidedeta la me,\nNe wòazu ame yeye gɔ̃!\nStanza 3\nAƒetɔ Yesu, Mawu vi,\nWò ŋutɔ va mía titina,\nÐevi sia ele ŋkuwò me,\nXɔe, nàklɔe tso 'ƒe nu vɔ̃ me!\nStanza 4\nAle si tsi ɖia ame ŋui,\nNenem wò ʋu ɖia luʋɔ ŋui.\nLe tsilele kɔkɔe sia me\nNàklɔ ɖevi sia ŋuti keŋ.\nStanza 5\nO Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si tso dzi,\nEsi tso Tɔ kple Vi la gbɔ,\nVa mía gbɔ gaƒoƒo sia me,\nNàxɔ ɖevi sia ƒe dzi me.\nStanza 6\nToe nɛ be, ezu Mawu vi\nLe 'ƒe tsidedeta la me,\nEya nye nubabla yeye\nTo Yesu ƒe ku xɔasi me.\nStanza 7\nLe tsidedeta kɔkɔe me\nMíakpɔ Mawu ƒ'a-gbe mavɔ;\nMíate ŋu aɖu nu vɔ̃ dzi,\nAnɔ 'nyi fafɛ kple Mawu\nStanza 8\nAzɔ míetrɔ zu Mawu tɔ,\nMíaganɔ nu vɔ̃ si me o.\nYesu míeɖe kuku na wò,\nNa ne míaɖu abosam dzi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-201\/","date":"2021-09-23T18:02:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00368.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.994887054,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9948870539665222}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 337\nStanza 1\n'Me si tsɔ 'ɖokui de Mawu si\nEye wòɖoa dzi ɖe 'ŋu ɖaa,\nMawu kpɔa eya dzi nukutɔe\nLe hiã kple konyifafa me.\nMesi ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu,\nMetu 'ƒe xɔ ɖe ke me o.\nStanza 2\nNu ka nye míaƒe dzimaɖiwo?\nNu ka nye míaƒe nuxaxa?\nViɖe ka wònye be, míaɖu tse\nLe míaƒe nya ŋu gbe sia gbe?\nÐe ko fu la kpena ɖe dzi\nTo míaƒe konyifafa me.\nStanza 3\nZi ɖoɖoe kpoo ko na wò Mawu!\nEƒ'a-ɖaŋu nadze ŋuwò!\nKpɔ mɔ na nu si 'ƒe lɔlɔ̃nu\nAteŋ' awɔ na wò nyonyo!\nMawu, si tia mí na ɖokui,\nNya nu si ke hiã mí nyuie wu.\nStanza 4\nEnya dzidzɔgaƒoƒo nyuiwo,\nEnya nu si ke nyo na mí.\nNe ekpɔ mí nyateƒetɔwoe,\nAlakpamanɔmetɔwoe,\nEkema eɖina ɖe mí\nKple nunana nyui geɖewo.\nStanza 5\nMègasusu le wò hiã me be,\nWò Mawu la gblẽ wò ɖi o!\nAlo be kesinɔtɔ gã koe\nNye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ o!\nMawu ƒ'a-si trɔa nu sia nu\nHeɖɔnɛ ɖo le nuwuwu.\nStanza 6\nNaneke mesẽna na Mawu\nKple eƒe ŋusẽ gã la o.\nKesinɔtɔ atrɔ zu hiãtɔ,\nAme dahe boŋ akpɔ nu.\nEya ko wɔa nukunuwo,\nBɔbɔa ame, doa 'me ɖe dzi.\nStanza 7\nDo gbe ɖa, zɔ Mawu ƒe mɔ dzi,\nWɔ wò dɔ le nyateƒe me!\nÐo ŋu ɖe eƒe yayra ko ŋu,\nEkema anɔ kpli wò ɖaa!\nAme si tsɔ 'ƒe ŋuɖoɖo\nÐo Mawu dzi, magblẽe ɖi o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-337\/","date":"2022-01-28T11:42:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00108.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958600998,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958600997924805}","num_words":238,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tomemi—Ava Vɔ Gbaɖegbea?\n\"[Dzɔdzɔmeŋusẽ] manɔmee la, adzɔnuwo manya wɔ o . . . Womate ŋu awɔ kaa, agbatsɔʋu, keteke, meli alo yameʋu aɖeke o . . . Dzɔdzɔmeŋusẽ manɔmee la, aƒewo me afa miamiamia eye akaɖi manɔ anyi o, nu manya ɖa o. . . . Dzɔdzɔmeŋusẽ vovovowo manɔmee la, anye ne míegale Kpenuwo Zazã ƒe Ɣeyiɣia me.\"—\"Anyigbaŋutinumekuku si United States Wɔ le 2000 me tso Xexeame ƒe Aminyawo Ŋu.\"\nDZƆDZƆMEŊUSẼŊUNYALAWO le gbɔgblɔm be tomemi ava vɔ keŋkeŋ mlɔeba. Wo dometɔ aɖewo bu akɔnta be ƒe 63 va ɖo 95 koe woagate ŋu aku ami si kpɔtɔ le tome le xexeame godoo ko wòavɔ keŋkeŋ. Ke hã wole dzɔdzɔmeŋusẽ bubuwo zazã ƒe mɔnuwo dim fifia, eye ƒe geɖee nye sia wole wo dometɔ aɖewo ŋudɔ wɔm. Dzɔdzɔmeŋusẽtsoƒe siwo teƒe bubu xɔna ɖo kaba ne esi zãm wole vɔ—dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: ɣeŋusẽ, ya, yameŋusẽ, tsisisimeŋusẽ, kple atsiaƒumeŋusẽ. Gake fifia la, kuxi gãwo le ŋusẽ ɖeɖe tso wo me ahaɖo ɖe teƒe vovovowo me.\nMɔkpɔkpɔ boo aɖeke meli be ne wowɔ dzɔdzɔmeŋusẽ siwo vɔna keŋkeŋ ŋudɔ wovɔ la woate ŋu atrɔ ɖe esiwo mevɔna o ŋu o. Amikuhawo le klalo aku esi susɔ le ɣeyiɣi kpui si wobu akɔnta be anɔ anyi la me. Nublanuitɔe la, susu geɖewo li si ta míakpɔ mɔ be hadome kple nutome kuxi siwo amikuku hena vɛ la anɔ anyi zi alesi woyi edzi le ekum. Edze ƒã be menye amia gbɔe kuxia tso o. Ke boŋ amegbetɔ ƒe ŋukeklẽ kple ŋusẽ didi vivivoe na ami va zu kuxitsoƒe.\nDzidzɔtɔe la, alesi aminyawo ava nɔ le etsɔme—le nyateƒe me, le dzɔdzɔmeŋusẽwo katã tsoƒe gome—mele dukɔwo ƒe asime o. Mlɔeba la, anyigbaa Wɔla kple Etakpɔla, Yehowa Mawu ƒe asimee wòanɔ, amesi do ŋugbe be eteƒe madidi o nutome kple hadome kuxi siwo anyigba dzi nuwo zazã kple wo zazã le mɔ gbegblẽ nu hena vɛ la katã nu ayi gbidii. (Nyaɖeɖefia 4:11) Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ɣeyiɣia gogo be Mawu \"natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.\" Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dziɖuɖu ahe \"dziƒo yeye kple anyigba yeye\" vɛ, xexe si me ɖokuitɔdidi nuwɔna kple madzɔmadzɔnyenye aɖeke manɔ o, afisi woazã anyigba dzi nuwo ɖokuitɔmadimaditɔe le be wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã.—Nyaɖeɖefia 11:18; 21:1-4.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]\nDzɔdzɔmeŋusẽ ƒomevi bubuwo dometɔ aɖewoe nye ɣe kple yaŋusẽnamɔ̃wo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031108\/Tomemi-Ava-V%C9%94-Gba%C9%96egbea\/","date":"2022-05-28T17:36:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663016949.77\/warc\/CC-MAIN-20220528154416-20220528184416-00181.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988210201,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988210201263428}","num_words":368,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ɛ̃, mawudɔla vɔ̃ɖiwo li. Afi kae wotso? Ðo ŋku edzi be Mawu wɔ mawudɔlawo eye wòna tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo. Esi wowɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ Adam kple Xawa vɔ megbe kpuie la, mawudɔla deblibo aɖe zã eƒe ablɔɖea le mɔ gbegblẽ nu eye wòna wodze aglã le anyigba dzi. Ete ŋu ble Adam kple Xawa wodze aglã ɖe Mawu ŋu. (1 Mose 3:1-7; Nyaɖeɖefia 12:9) Biblia meyɔ mawudɔla sia ŋkɔ alo ɖoƒe si nɔ esi le dziƒo hafi wòdze aglã o. Gake le eƒe aglãdzedzea megbe la, Biblia yɔe wòsɔ nyuie be Satana, si gɔmee nye \"Tsitretsiɖeŋula\" kple Abosam, si gɔmee nye \"Amegɔmezɔla.\"—Mateo 4:8-11.\nNublanuitɔea, woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu mese ɖe afi ma o. Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla gbogbo aɖewo 'gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi' le Mawu ƒe ƒomea me le dziƒo. Woɖi va anyigba dzi eye wotrɔ wo ɖokuiwo zu amegbetɔwo be yewoava nɔ agbe gbegblẽ. Menye nenemae wowɔ wo be woanɔ agbee hafi o.—Yuda 6; 1 Mose 6:1-4; 1 Petro 3:19, 20.\nNu kae va dzɔ ɖe mawudɔla vɔ̃ɖi mawo dzi? Esi Mawu he tsiɖɔɖɔa vɛ tsɔ tsrɔ̃ nuwo le anyigba bliboa dzi la, wogatrɔ wo ɖokuiwo hetrɔ dzo yi gbɔgbɔmenutowo me. Ke hã Mawu meɖe mɔ na mawudɔla ɖigbɔawo be woatrɔ ayi \"afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me\" la o. Ke boŋ esika wo ɖe nɔnɔme ɖigbɔ aɖe si nye \"[gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi\" si woyɔna be Tartaro la me. (Yuda 6; 2 Petro 2:4) Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo va le Satana Abosam si nye \"gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia,\" ame si \"wɔa eɖokui abe kekeli ƒe dɔla ene\" la ƒe ŋusẽ te.—Mateo 12:24; 2 Korintotɔwo 11:14.\nBiblia fia nu be woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si nye dziɖuɖu si le dziƒo la anyi le ƒe 1914 me. * Esi woɖo fiaɖuƒea anyi megbe la, wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Vɔ̃ɖinyenye kple agbe baɖa nyɔŋu si bɔ hele dzidzim ɖe edzi le anyigba dzi egbea, nye kpeɖodzi be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo do dziku eye woɖoe be yewoagblẽ nu le amewo ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9-12.\nKe hã ale si agbe baɖa nɔnɔ kple ŋutasẽnu dziŋɔwo le fievo dom ɖe edzi la ɖo kpe edzi be woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tagbɔsesẽtɔe la nu ayi kpuie. Eteƒe madidi o woaxɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋuta siawo si. Ne Mawu Fiaɖuƒea ɖu anyigba dzi paradisoa dzi ƒe 1,000 vɔ la, woana mɔnukpɔkpɔ mamlɛa gbɔgbɔ vɔ̃ mawo be woado amewo akpɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Emegbe woatsrɔ̃ wo tegbee.—Mateo 25:41; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7-10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/mawud%C9%94la-v%C9%94%CC%83%C9%96iwo\/","date":"2022-05-16T20:21:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662512229.26\/warc\/CC-MAIN-20220516172745-20220516202745-00198.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975658655,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975658655166626}","num_words":399,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le August 4, 2020 dzi la, ammonium nitrate si ade metrik tɔn 2750 ƒe nudzraɖoƒe aɖe si wodzra ɖo ɖe Beirut, Lebanon, melidzeƒea le mɔ si mele dedie nu o me la do dzo eye wòhe bɔmb gã aɖe si wowɔ le ɖoɖo nu si gblẽ nu le blemadua ƒe akpa gãwo ŋu.𝐁𝐞𝐢𝐫U𝐭 2020\nWowó eve aɖewo, si nye evelia lolo wu gbãtɔ sãsãsã la, dzɔ ɖe Beirut-dugã la me le Kuɖagbe fiẽ ƒe ŋdi kanya, eye ame 154 ya teti ku, eye ame siwo wu 5,000 xɔ abi eye wogblẽ nu le teƒe geɖe. Lebanon ƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla, Hamad Hassan, gblɔ be woxɔ ame 1,000 kple edzivɔ ɖe kɔdzi, eye ame 120 gakpɔtɔ nɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me le Dzoɖagbe.\nWowó evelia na ƒutsotsoe aɖe si le dzo dam, si le dzo dam la ɖo kɔkɔƒe le dua ƒe melidzeƒea tame eye wòna ƒutsotsoe aɖe si gbã gudugudu si gbã ahuhɔ̃e kilometa geɖe. Togbɔ be wowɔ dɔ gã aɖe le amewo dim hã la, wogaxɔe se be ame gbogbo aɖewo bu le du si nye Lebanon ƒe fiadu si le Mediterranea-ƒua ƒe ɣedzeƒeƒuta la me.\nEsi dziɖuɖumegãwo le nusiwo dzɔ la ƒom ƒu la, nusiwo míenya kple nusiwo míenya o la me dzodzroe nye esi.\nNukae na wowó?\nWomenya nusi tututu gbɔ wòtso o, gake dzo aɖe gblẽ nu le melidzeƒe aɖe ƒe nudzraɖoƒe aɖe ŋu le 6 p.m. Wowó eve, ɖeka si le sue wu eye wowó si lolo wu si gblẽ dua ƒe akpa aɖewo kplɔe ɖo le sɛkɛnd ʋɛ aɖewo megbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/gonnle.com\/2022\/06\/13\/wowo-eve-a%C9%96ewo-dz%C9%94-%C9%96e-beirut-duga-la-me\/","date":"2022-07-06T10:46:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656104669950.91\/warc\/CC-MAIN-20220706090857-20220706120857-00212.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993271828,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993271827697754}","num_words":247,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Atikewo—Amekawoe Zãa Wo?\nETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ\n\"AMESIAME zãa atike.\" Woate ŋu azã nya sia si wogblɔ gbadzaa atsɔ able amesi mekpɔ nuteƒe o be wòate atike manɔsenuwo zazã akpɔ. Gake atike kawoe míeɖabu be wonye 'atike muamewoe' o, nyateƒe aɖe anɔ nya mawo me.\nWoɖe nya \"atike muame\" gɔme be: \"Enye atikemenu ɖesiaɖe, eɖanye dzɔdzɔmetɔ loo alo esiwo amewo wɔ o, si ate ŋu atrɔ ame ƒe nukpɔsusu, seselelãme, alo susu ƒe nɔnɔme vovovowo bubui.\" Esia nye atike siwo woyɔna be susu ƒe nɔnɔmetrɔtikewo ɖɔɖɔ gbadzaa si nyo, togbɔ be melɔ dɔyɔtike geɖe siwo wotsɔ kpɔa lãmegbegblẽwo gbɔ ɖe eme o hã.\nLe egɔmeɖeɖe nenema nu la, atikee aha nye. Enono fũ mee afɔku le, eye edze ƒã be ele dzidzim ɖe edzi. Numekuku si wowɔ le kɔledzi kple yunivɛsiti siwo le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me ɖee fia be \"ahatsunonoe nye atikezazã ƒe kuxi si nye ŋkubiãnya wu le sukukpowo dzi.\" Numekukua ɖee fia be sukuvi 44 le alafa me nye ahatsunolawo. *\nSe ɖe mɔ ɖe atamazazã ŋu abe alesi woɖee ɖe aha ŋu ene, togbɔ be aɖi sẽŋu aɖe le eme si nye nicotine hã. Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe nya nu la, atamanono wua amesiwo ade miliɔn ene ƒe sia ƒe. Ke hã atamasitsala gãwo nye kesinɔtɔ siwo wobuna le hadome. Sigaretnono hã tsia amewo si ŋutɔ, ɖewohĩ wu atike manɔsenu bubu geɖewo gɔ̃ hã.\nLe ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dukɔ geɖe ɖe boblododo atama dzi kpɔtɔ eye wode se bubuwo ɖe enu. Ke hã ame geɖe bua atamanono be enye hadomenuwɔna si sɔ. Wogakpɔtɔ kafua atamanono le sinimawo me. Le numekuku si California Yunivɛsiti si le San Francisco wɔ tso sinima siwo me wokpɔ ga le wu le ƒe 1991 kple 1996 dome me la, wokpɔe be ŋutsu siwo dze wu dometɔ 80 le alafa me wɔ wɔƒe siwo fia be wonoa atama.\nKe Atike Siwo \"Nyo\" Zazã Ya Ðe?\nDɔyɔtikewo ɖe vi na ame geɖe vavã, gake woate ŋu azã wo ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ðɔktawo te ŋu ŋlɔa atike na ame ɣeaɖewoɣi eŋu mabumabu nyuie, alo dɔnɔwo ƒonɛ ɖe wo nu woŋlɔa atike siwo mehiã o na wo. Atikewɔla aɖe gblɔ be: \"Ðɔktawo megbɔa dzi ɖi nɔa anyi ɖe dɔnɔa ŋu akpɔ nusi gbɔ eƒe dɔlélea tso o. Gbɔgblɔ be, 'Mi atikekui sia,' le bɔbɔe wu. Gake womekpɔa kuxia ŋutɔ gbɔ o.\"\nAtike siwo amewo ƒlena le wo ɖokuisi abe aspirin kple paracetamol (Tylenol, Panadol) ene gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le lãmesẽ ŋu vevie ne wozãe ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ame 2,000 kple edzivɔ kuna ƒe sia ƒe le xexeame godoo ɖe paracetamol zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ta.\nLe alesi míeɖe egɔme va yi nu la, caffeine si le tii kple kɔfi me hã nye atikevɔ̃ɖi, togbɔ be ƒã hafi míebunɛ alea ne míele esi míelɔ̃a nono le ŋdi nom hã. Eye anye nyamaɖinya be woada tii kple kɔfi siwo nono ame geɖe buna be wonyo la ɖe ka ɖeka dzi kple atikevɔ̃ɖiwo abe heroin ene. Ema asɔ kple aƒeme dadivi tsɔtsɔ sɔ kple dzata wɔadã. Ke hã le lãmesẽŋutinunyala aɖewo ƒe nya nu la, ne ema wò be ènoa kɔfi wu kplu atɔ̃ alo tii wu kplu asieke gbeɖeka la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Gakpe ɖe eŋu la, ne ènonɛ sɔa gbɔ eye nètso agbɔsɔsɔ si nènona dzi kpata la, asiɖeɖe le nu ŋu ƒe fuɖenamewo abe xeɖeɖe, taɖui sesẽ, kple ŋku veame le akaɖi ŋgɔ siwo tɔgbe ɖe fu na tiinola aɖe la ate ŋu aɖe fu na wò hã.\nKe Atike Manɔsenu Zazã Ya Ðe?\nNusi ŋu wohea nya le vevie wu enye atikevɔ̃ɖiwo zazã le kamedefefewo me. Wote gbe ɖe nya sia dzi le Ƒe 1998 Gasɔdodo Tsa le France me esime wonyã gasɔdola asieke le gasɔdoha si xɔ nɔƒe gbãtɔ me elabena wozã atike si dea dzo ame me le kametete me. Kamedelawo dze aɖaŋu vovovo be yewoatsɔ abu mo na atikevɔ̃ɖiwo nenye be wodo wo kpɔ le yewo ŋu. Time magazine ka nya ta be wo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã na \"'wodo aɖuɖɔ ɖe lãme' na wo, si fia be wodo ame bubu ƒe aɖuɖɔ 'si me kɔ' ɖe woƒe aɖuɖɔtoe me to aŋeto aɖe me, eye enye nuwɔna si vena zi geɖe.\"\nMíeƒo nu tso atike manɔsenu gbogbo hamehame siwo wozãna le \"modzakaɖeɖe\" me ŋu haɖe o. Esiawo dometɔ aɖewoe nye marijuana (gbe), esiwo nana wosea vivi le lãme (methylenedioxy-methamphetamine, alo MDMA), LSD (lysergic acid diethylamide), esiwo dea dzo lãme (abe cocaine kple amphetamine ene), esiwo faa lãme (abe dzitsitsinutsitike ene), kple heroin. Esiwo hã míaŋlɔ be o enye eƒomevi vovovo siwo wogbɔna ɖe ŋɔti me abe glue (nulénu) kple gasoline (petrol) ene, si nye nuwɔna si bɔ le sɔhɛwo dome. Le nyateƒe me la, womede se ɖe nusiawo siwo wogbɔna ɖe ŋɔti me nu o eye wobɔ.\nNukpɔsusu si bɔ be atikevɔ̃ɖizãla nye ame ɖiku aɖe si le atike muame dom ɖe lãme le xɔ ƒoɖi aɖe me ate ŋu aflu ame. Atikevɔ̃ɖizãla geɖe wɔa nu abe ame bubuwo ke ko ene le gbesiagbegbenɔnɔ me, togbɔ be woƒe numamea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ ƒe nyonyome dzi ŋutɔ alo vie hã. Ke hã míate ŋu abu nusiwo atikevɔ̃ɖizazã gblẽna nu tsɛe o. Nuŋlɔla aɖe gblɔ le cocaine-zãla aɖewo ŋu be \"wote ŋu donɛ zi gbɔ zi geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, ale abuiteƒewo nɔa woƒe ŋutilã ŋu keŋ, nɔa ʋu ɖim, henyɔa ŋu.\"\nEsi atike manɔsenu zazã yi to wòdze ƒã le ƒe 1980-awo me megbe la, ezazã gale dzi yim ake le xexeame godoo. Newsweek magazine gblɔ be: \"Dziɖuɖumegãwo tɔtɔ le alesi atikevɔ̃ɖiwo tsɔtsɔ gbã dee dzi ɖe edzi, kple alesi atikevɔ̃ɖi ƒomevi ɖesiaɖe kloe zazã dzi ɖe edzi eye ga—kple nyatakaka—siwo hiã woatsɔ akpe akɔ kplii meli o ŋu.\" Woŋlɔ ɖe Johannesburg, South Africa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Star me le dziɖuɖu ƒe akɔntabubu nu be \"aha sesẽ alo atikevɔ̃ɖiwo nono zu numame na South Africa nɔla ɖeka le ame ene ɖesiaɖe dome.\"\nDukɔ Ƒoƒuawo ƒe Hadome Ŋgɔyidɔwo ƒe Numekuha gblɔ be \"atikevɔ̃ɖiwɔlawo kple woƒe asitsalawo . . . wɔ ɖoɖo le wo ɖokui dome le xexeame godoo eye wotsɔ woƒe atikevɔ̃ɖiwo me viɖe agbɔsɔsɔ gã aɖewo de gadzraɖoƒe siwo do ŋugbe be yewomaʋu go wo o eye be yewoana deme gãwo wo. . . . Fifia atikevɔ̃ɖisitsalawo tsɔa woƒe ga tsoa teƒe ɖeka yia bubui to kɔmpiuta dzi eye dukɔ ƒe asi mesua wo dzi tutu o ale be wote ŋu kpɔa viɖe ƒoɖiwo.\"\nEle dzedzem abe Amerikatɔ geɖe ka asi cocaine ŋu, evɔ manɔ nyanyame na wo hã o. Nyati aɖe si dze le Discover magazine me ɖe nu me be atikevɔ̃ɖiwo tsia Amerika gagbalẽ akpa gãtɔ ŋu.\nNya lae nye be egbea la, ame geɖe da asi ɖe atikezazã dzi, eye esiwo mele se nu o hã le eme, eye wobunɛ gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖee. Ne míebu nusi gbegbe atike manɔsenu kple atama kpakple aha sesẽ gblẽna le ame ŋu ŋuti la, biabia si va susume enye be, Nukatae amewo zãa wo ɖe mɔ gbegblẽ nu? Esi míele ŋugble dem le biabia sia ŋu la, esɔ be míagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi mía ŋutɔwo míebua atike siawoe ŋu.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Woɖe ahatsunono gɔme be 'ahatukpa atɔ̃ alo esi wu nenema nono tre ɖe enu le ŋutsuwo gome kple ene alo esi wu nenema nono le nyɔnuwo gome.'\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nAhatsunono nye kuxi gã aɖe le sukukpo geɖe dzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nAme geɖe bua sigaret kple 'modzakaɖetikewo' be wonyo","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010708\/Atikewo-Amekawoe-Z%C3%A3a-Wo\/","date":"2022-06-30T15:46:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103850139.45\/warc\/CC-MAIN-20220630153307-20220630183307-00696.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986128211,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986128211021423}","num_words":1237,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƀe fifia ƒe vava gaɖo asixɔxɔ geɖee wu. Ekuɖe Togo sɔhɛwo ŋu. Le nunɔla OCK SOO PARK, amesi ɖo IYF(International Youth Fellowship) ƒe gɔme anyi ƒe nyawo nu la, Togo sɔhɛwo nye kesinɔnu kple nunɔamesi xɔ asi aɖe na Togo dukɔa. Eye wo hiã tutuɖo kple nukpɔsusu ɖɔɖɔɖo ŋutɔ ŋutɔ xena woƒe dzidzeme kpɔkpɔ si ahe nu ɖoɖo kpɔkpɔ na dua ƒe kuxi geɖeewo. @télévision direct7","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/direct7.tg\/iyf-xena-togo-s%C9%94h%C9%9Bwo-%C6%92e-susu-t%C9%94tr%C9%94\/","date":"2022-08-13T22:26:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571987.60\/warc\/CC-MAIN-20220813202507-20220813232507-00412.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978719354,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978719353675842}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"12 Ke Miriam kple Aron de asi nuƒoƒo me le Mose ŋu le Kus nyɔnu si wòɖe la ta.+ 2 Eye wogblɔ be: \"Mose ɖeɖe dzi koe Yehowa ƒoa nu toea? Alo ɖe meƒoa nu toa míawo hã dzi oa?\"+ Yehowa nɔ nya siawo sem.+ 3 Ke Mose nye ame si fa wu*+ ame siwo katã le anyigba dzi. 4 Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be: \"Mi ame etɔ̃a mido go miayi takpegbadɔ la nu.\" Eye wo ame etɔ̃a woyi. 5 Eye Yehowa ɖi va le alilikpo dodo+ me, eye wòtɔ ɖe takpegbadɔa nu yɔ Aron kple Miriam. Eye wo ame evea wote yi ŋgɔ. 6 Eye wògblɔ be: \"Meɖe kuku, mise nye nyawo. Ne ame aɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ŋutega mee meɖea ɖokuinye fianɛ le,+ eye drɔ̃e mee meƒoa nu kplii le.+ 7 Ke menye aleae mewɔna na nye subɔla Mose ya o! Metsɔ nye aƒe blibo la de esi.*+ 8 Meƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume+ eme kɔna eye nyemetoa adzo nɛ o; ekpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ o, eye mieƒo nu le nye subɔla Mose ŋu?\" 9 Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu eye wòtrɔ dzo le wo gbɔ. 10 Eye alilikpo la ho tso agbadɔ la tame, eye kpɔ ɖa, anyidɔ* ƒo ɖe Miriam ŋu eye eŋuti katã fu kpii abe sno ene!+ Esi Aron trɔ ɖe Miriam ŋu la, kpɔ ɖa, anyidɔ ƒo ɖe eŋu.+ 11 Enumake Aron gblɔ na Mose be: \"Taflatsɛ, nye aƒetɔ! Meɖe kuku, mègabu nu vɔ̃ sia na mí o. Míewɔ bometsinu. 12 Meɖe kuku, mègana wòanɔ abe ame si ku ene, abe ame si ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe nyi hafi do tso dadaa ƒe dɔ me ene o!\" 13 Eye Mose ƒo koko na Yehowa be: \"Oo Mawu, meɖe kuku, da gbe le eŋu dzro! Meɖe kuku!\"+ 14 Yehowa gblɔ na Mose be: \"Ne ɖe fofoa ɖe ta ɖe mo nɛ la, ɖe manye ŋukpe nɛ ŋkeke adre oa? Eya ta na woaɖee ɖe aga wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre,+ eye emegbe woagaxɔe.\" 15 Ale woɖe Miriam ɖe aga yi asaɖa la godo ŋkeke adre,+ eye dukɔ la meho o, va se ɖe esime wogaxɔ Miriam hafi. 16 Emegbe dukɔ la ho tso Hazerot,+ eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Alo, \"ame si bɔbɔ eɖokui ŋutɔ (fa tu) wu.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"Ewɔa nuteƒe le nye aƒe bliboa me.\"\n^ Alo, \"kpodɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/4-mose\/12\/","date":"2022-08-09T02:06:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570879.37\/warc\/CC-MAIN-20220809003642-20220809033642-00712.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992998838,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992998838424683}","num_words":392,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo.+\nEdɔm be mada gbe lel ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,\nNe maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe\nEye maʋu ŋku na gamenɔlawo,+\n2 Ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe\nKple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,+\nNe mafa akɔ na konyifalawo katã,+\n3 Ne mana nu ame siwo le konyi fam ɖe Zion ta,\nNe mana tatsyɔnu wo ɖe dzofi teƒe,\nDzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe,\nKafukafuwu ɖe gbɔgbɔ si nu ti kɔ na teƒe.\n4 Woagbugbɔ blemaƒedowo atso;\nWoafɔ blemaglikpowo ɖe tsitrenu,+\nEye woagbugbɔ du gbagbãwo atso,+\nEye woawɔ teƒe siwo zu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime la yeyee.+\n5 \"Du bubu me tɔwo atso akplɔ miaƒe lãhawo,\n7 Nye dukɔ axɔ gome teƒe eve nu ɖe woƒe ŋukpe la teƒe,\nEye woatso aseye le woƒe gome la ta ɖe vlododo teƒe.\nƐ̃, woaxɔ gome teƒe eve nu le woƒe anyigba dzi.+\nDzidzɔ mavɔ anye wo tɔ gome.+\nMatu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ,\nEye mabla nu mavɔ kpli wo.+\nAme siwo katã kpɔ wo la adze si wo be\nDzidzimevi siwo Yehowa yrae wonye.\"+\n10 Matso aseye ɖe Yehowa ŋu.\nElabena edo xɔname ƒe awuwo nam;+\nEdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlayad nam,\nAbe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa ta wòɖia nunɔla tɔ ene,+\nAbe ŋugbetɔ si tsɔ atsyɔ̃ɖonuwo wɔa leke na eɖokui ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/b\/r114\/lp-ew\/nwt\/23\/61#v=23:61:2","date":"2022-09-25T10:49:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334528.24\/warc\/CC-MAIN-20220925101046-20220925131046-00347.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988250732,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988250732421875}","num_words":224,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nŊkɔ si le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia si le Helagbe me lae nye A·po·kaʹly·psis si gɔmee nye \"Nukoklo le nu ŋu\" alo \"Nuɖeɖe ɖe go.\" Esia ɖe gɔmesese si le ŋkɔ Nyaɖeɖefia ŋu la fia, elabe aklo nu le nya siwo le ɣaɣla la dzi eye wòaɖe nu siwo ava dzɔ le eŋɔŋlɔ megbe la ɖe go. Nyagblɔɖi siwo le eme dometɔ geɖe mekpɔ va eme o.\nNyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nya veviwo\nŊgɔdonya.—Nyaɖeɖefia 1:1-9.\nGbedeasi si tso Yesu gbɔ na hame adreawo.—Nyaɖeɖefia 1:10–3:22.\nŊutega si me Mawu nɔ eƒe fiazikpui dzi le dziƒo le.—Nyaɖeɖefia 4:1-11.\nŊutega vovovowo, ɖe sia ɖe kplɔa ame yia esi kplɔe ɖo gbɔ:\nNutrenu adreawo.—Nyaɖeɖefia 5:1–8:6.\nKpẽ adre, esi woku etɔ̃ mamlɛawo la, fuwɔame etɔ̃ va.—Nyaɖeɖefia 8:7–14:20.\nKplu adre, fuwɔame si nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la le ɖe sia ɖe me, eye woakɔ wo ɖe anyigba la dzi.—Nyaɖeɖefia 15:1–16:21.\nŊutega si me wotsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo le.—Nyaɖeɖefia 17:1–20:10.\nŊutega siwo ku ɖe ale si Mawu ayra dziƒo kple anyigba la ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:11–22:5.\n-\nEtaƒoƒo.—Nyaɖeɖefia 22:6-21.\nNu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme\nEmenyawo ƒe gɔmesese ɖea vi na Mawu subɔlawo, menana be vɔvɔ̃ ɖoa wo alo ŋɔ dzia wo o. Togbɔ be ame geɖewo gblɔna be tsɔtsrɔ̃ ƒe nyawoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me hã la, le agbalẽa ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu la, wogblɔ be ame siwo xlẽa agbalẽ sia, sea emenyawo gɔme hewɔa wo dzi la akpɔ dzidzɔ.—Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7.\nWozã \"dzesiwo,\" alo kpɔɖeŋu geɖewo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, eye mele be míase wo gɔme be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o.—Nyaɖeɖefia 1:1.\nWoƒo nu tso ame vevitɔwo, nu vevitɔwo kple dzesi siwo dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ŋu do ŋgɔ le Biblia ƒe akpa bubuwo:\nAvɔgbadɔ si nɔ anyi le blema si me wodea ta agu na Mawu le me nu siwo sɔ kple agbalẽ sia me nuwo—wo dometɔ aɖewoe nye nubablaɖaka, atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene (ze hena ŋutikɔklɔ), akaɖiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩ kple vɔsamlekpui.—2 Mose 25:10, 17, 18; 40:24-32; Nyaɖeɖefia 4:5, 6; 5:8; 8:3; 11:19.\nŊutegaawo ku ɖe \"Aƒetɔ la ƒe ŋkeke\" la ŋu, eye ŋkeke sia dze egɔme esime woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me eye Yesu zu Fia dze dziɖuɖu gɔme. (Nyaɖeɖefia 1:10) Eya ta esɔ be míakpɔ mɔ be nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe akpa gãtɔ nava eme le míaƒe ŋkekea me.\nNe míedi be míase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme la, míehiã nu siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa bubuwo gɔme la ke. Wo dometɔ aɖewoe nye nunya si tso Mawu gbɔ kple ame siwo se egɔme xoxo la ƒe kpekpeɖeŋu.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39; Yakobo 1:5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya%C9%96e%C9%96efia-%C6%92e-agbal%E1%BA%BDa\/","date":"2023-01-27T20:59:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764495012.84\/warc\/CC-MAIN-20230127195946-20230127225946-00607.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982248545,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982248544692993}","num_words":420,"character_repetition_ratio":0.1,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.307,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐEWOHĨ mèse ame si woyɔna be Abū 'Alī al-Ḥasan ibn al-Haytham ŋkɔ kpɔ o. Woyɔnɛ le Europa kple Amerika be Alhazen, si nye eƒe Arabgbe me ŋkɔ al-Ḥasan si woŋlɔ ɖe Latingbe me. Ke hã dɔ siwo wòwɔ le eƒe agbe me la ƒe ɖe anya ɖe vi na wò. Wogblɔ tso eŋu be enye \"ame vevi siwo xɔ ŋkɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me la dometɔ ɖeka.\"\nWodzi Alhazen le Basra, si le Iraq fifia le ƒe 965 Kristotɔwo Ŋɔli. Nu siwo doa dzidzɔ nɛ vevie siwo ŋu wòsrɔ̃ nu tsoe ƒe ɖewoe nye ɣletiviŋutinunya, atikewo dodo kpɔ, akɔntabubu, atikewɔwɔ, hadzidzi, kekeliŋutinunya, dzɔdzɔmeŋusẽŋununya kple hakpanyawo. Nu ka koŋ mee wòle be míada akpe nɛ le?\nWOÐE TSITA NA NIL-TƆSISIA\nAlhazen ŋu nya aɖe kaka ɣeyiɣi didi aɖe. Eku ɖe ale si wòɖoe be yeana Nil-tɔsisia me tsia nasi le mɔ si wòdi nu la ŋu. Anɔ abe ƒe 1,000 megbe hafi wova wɔ dɔ ma le Aswân le ƒe 1902 me.\nWogblɔ be, esi tsi ɖɔna eye ku ɖina le Egypt enuenu ta la, Alhazen di vevie be woaɖe tsita na Nil-tɔsisia ale be woate ŋu alé kuxi sia nu. Esi Cairo dzi ɖula, Caliph al-Hakim, se nu si Alhazen di be yeawɔ la, emia asii wòva Egypt ne wòava ɖe tsitaa. Gake esi Alhazen kpɔ tɔsisia kple ŋku la, ekpɔe be dɔa lolo wu ye. Alhazen vɔ̃ be dziɖula vɔ̃ɖi sia si ƒe susu trɔna kabakaba ate ŋu ahe to na ye, eya ta edo tsu eɖokui va se ɖe esime dziɖula sia ku le ƒe 11 megbe, le ƒe 1021 me. Le ɣeyiɣi siwo me wosika Alhazen le esi wòdo tsu eɖokui ta la, ekpɔ vovo nɔ nu bubu siwo do dzidzɔ nɛ la wɔm.\nKEKELIŊUTINUNYAGBALẼ\nKaka woaɖe asi le Alhazen ŋu la, eŋlɔ Kekeliŋutinunyagbalẽ si le akpa vovovo adre me si wobu be enye \"agbalẽ vevitɔ kekeake siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽŋununya ŋu dometɔ ɖeka\" la, ƒe akpa gãtɔ. Eƒo nu tso ale si kekeli wɔa dɔ, ale si kekeli nana míekpɔa amadede vovovowo, ale si ahuhɔ̃e klẽna ne kekeli klẽ ɖe edzi kple ale si kekeli klẽnato nane si ŋu do le me ŋuti le agbalẽa me. Esrɔ̃ nu tso ale si míewɔna kpɔa nu, ale si wowɔ ŋkua kple eƒe dɔwɔwɔ hã ŋu.\nHafi ƒe alafa 13 lia naɖo la, woɖe Alhazen ƒe agbalẽwo gɔme tso Arabgbe me yi Latingbe me eye le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo mea, Europa agbalẽnyalawo yɔa nya tso wo me, elabe kakaɖedzi le wo ŋu. Alhazen ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ahuhɔ̃e si me wokpɔa nu to, lae kpe ɖe Europa gaŋkuiwɔlawo ŋu wote ŋu wɔ didiƒekpɔmɔ̃ kple nusuekpɔmɔ̃wo to ale si wotsɔ ahuhɔ̃e eve siwo me wokpɔa nu tona dze ŋgɔ wo nɔewo dzi.\nBLEMATƆWO ƑE FOTOÐEMƆ̃\nAlhazen ye to nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo aɖe foto nane la vɛ zi gbãtɔ. Nutovɛa ƒe ɖee nye \"xɔvi aɖe si me do viviti\" si me kekeli gena ɖo to do sue aɖe ko me, si nana be nu si le gota la dzena le xɔvia me le gli ŋu wònyea nu si le gota ƒe nɔnɔme si trɔ ta tu.\nLe ƒe alafa 18-awo me la, wowɔ agbawo kpe ɖe blemafotoɖemɔ̃a ŋu si ana be nu siwo woaɖe fotoe la natsi agbawo dzi. Nu kae do tso eme? Esia na wote ŋu wɔ fotoɖemɔ̃ siwo li fifia. Ale si blematɔwo ƒe fotoɖemɔ̃a wɔa dɔe la, nenema kee fotoɖemɔ̃ siwo li egbea kple míaƒe ŋku gɔ̃ hã wɔa dɔe. *\nEDOA NUWO KPƆ\nNu si ɖe dzesi le Alhazen ƒe dɔwo ŋue nye ale si wòkua nu me tso dzɔdzɔmenuwo ŋu tsitotsito le ɖoɖo nu. Mɔnu siwo wòzãna mebɔ ɣemaɣi o. Eyae nye numekula gbãtɔwo dometɔ ɖeka si te nu siwo wòŋlɔ la wɔwɔ kpɔ, eye mevɔ̃ be yeabia be woaɖe nu siwo dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo evɔ kpeɖodzi mele wo ŋu o la me na ye o.\nNu siwo dzi wotu dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo fifia la dze le nyagbɔgblɔ sia me be: \"Ðo kpe nu si nèxɔ se la dzi!\" Ame aɖewo bua Alhazen be \"eyae to dzɔdzɔmeŋutinunyamɔnu siwo wozãna tsɔ doa nuwo kpɔ fifia la vɛ.\" Le esia ta, edze be míada akpe nɛ.\n^ mm. 13 Womese ale si blematɔwo ƒe fotoɖemɔ̃a kple ŋku ƒe dɔwɔwɔ ɖi wo nɔewo la gɔme le Europa kple Amerika o, va se ɖe esime Johannes Kepler ɖe eme le ƒe alafa 17 lia me hafi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2017-december\/woy%C9%94-alhazen-be-dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunyala-vav%C3%A3t%C9%94-gb%C3%A3t%C9%94\/","date":"2023-02-01T10:34:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764499919.70\/warc\/CC-MAIN-20230201081311-20230201111311-00765.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977533817,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997753381729126}","num_words":728,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.275,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ\nMasɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ\nSrɔ̃ŋutsua gblɔ be: \"Esi mía kple Sarah * míeɖe mía nɔewo vɔ megbe la, míeɖanɔ dzinyelawo ƒe me ɖekae kple nye ƒometɔwo. Gbe ɖeka, nɔvinye ŋutsu ƒe ahiãvi bia be makɔ ye ɖe nye ʋu me ayi eƒe me. Melɔ̃, eye mekplɔ vinye ŋutsuvi sue la ɖe asi yii. Esi metrɔ gbɔ va aƒe me la, Sarah do dziku ɖe ŋunye vevie. Míete nyahehe ɖe mía nɔewo ŋu le nye ƒometɔwo ŋkume, eye wòdzum be menye nyɔnuhadela. Dzi kum, eye mete nya aɖewo gbɔgblɔ, siwo gado dziku na eya hã ɖe edzi.\"\nSrɔ̃nyɔnua gblɔ be: \"Lãmesẽkuxi sesẽ aɖe ɖea fu na mía via, eye míenɔ gakuxi me tom ɣemaɣi. Eya ta esi Fernando tsɔ ʋua, kplɔ mía via ɖe asi hekɔ nɔvia ƒe ahiãvia dzoe la, dzi kum vevie le susu geɖewo ta. Esi wòtrɔ gbɔ la, meɖe nye dzikua ɖe eŋu. Míehe nya vevie hedzu mía nɔewo. Ale si míewɔ nui va te ɖe dzinye emegbe.\"\nNE ATSU kple asi aɖe wɔ dzre la, ɖe wòfia be womegalɔ̃ wo nɔewo oa? Ao! Fernando kple Sarah, siwo ŋu míeƒo nu tso le etame la, lɔ̃ wo nɔewo vevie. Ke hã, le srɔ̃ɖeɖe nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã me la, masɔmasɔ aɖewo ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi godoo.\nGake nu ka tae masɔmasɔwo doa mo ɖa, eye nu kae miate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be womagagblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me o? Esi wònye be srɔ̃ɖeɖe nye Mawu ƒe nuɖoanyi ta la, esɔ be míatrɔ ɖe eƒe Nya, Biblia la, ŋu ahakpɔ be nya kae wògblɔ tso masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋu hã.—1 Mose 2:21, 22; 2 Timoteo 3:16, 17.\nKuxiawo Gɔmesese\nAtsu kple asiwo katã kloe dina be yewoawɔ nu ɖe yewo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me. Gake Biblia gblɔ ale si tututu amegbetɔ ƒe nɔnɔme le, esime wògblɔ be: \"Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.\" (Romatɔwo 3:23) Eya ta ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, esesẽna ŋutɔ be woaɖu ame ɖokui dzi. Eye esesẽna na ame aɖewo be woaɖu woƒe nu mame gbegblẽwo, siwo dometɔ aɖewo nye ɣlidodo kple nya madzetowo gbɔgblɔ, dzi. (Romatɔwo 7:21; Efesotɔwo 4:31) Nu bubu kawo hãe ate ŋu ahe masɔmasɔwo vae?\nZi geɖe la, atsu kple asi ɖe sia ɖe ƒe dzeɖomɔnu toa vovo. Michiko gblɔ be: \"Esi míeɖe mía nɔewo teti la, mede dzesii be ale si míeɖoa dze tso nuwo ŋu to vovo kura. Menye ɖeko medina be maƒo nu tso nu si dzɔ ŋu o, ke medina hã be magblɔ nu si ta nua dzɔ ɖo kple ale si wòdzɔe. Gake nu si do tso nudzɔdzɔa me koe srɔ̃nye ya dina be yeanya.\"\nMenye Michiko ɖeɖe koe sena le eɖokui me nenema o. Le srɔ̃ɖeɖe geɖewo me la, srɔ̃tɔ ɖeka dina be yeahe nya legbee, esime evelia ya media nyahehe o, alo dina be yeaƒo asa na nya la kura. Zi geɖe la, zi ale si srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka nɔa nyahehe dzi la, zi nenemae evelia hã dzea agbagba be yeaƒo asa nɛ. Ðe nu sia le mo dom ɖa le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Ðe mia dometɔ ɖeka dina ɣesiaɣi be yeanye nyahela, eye evelia nyea asaƒonanyala?\nNu bubu si hã ŋu wòle be miabue nye be ƒome si me ame tsi ɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòsusuna be atsu kple asi naɖo dzee dzi. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Justin, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃ enye esia la, gblɔ be: \"Ƒome si me tɔwo meƒoa nu fũu o mee metsi ɖo, eye esesẽna nam be maɖe nye seselelãmewo agblɔ na amewo faa. Esia tena ɖe srɔ̃nye dzi. Eƒe ƒometɔwo ya ɖea woƒe seselelãmewo gblɔna faa, eye mesesẽna nɛ be wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ nam o.\"\nNu Ka Tae Wòle Be Miadze Agbagba Akpɔ Kuxiwo Gbɔ?\nNumekulawo kpɔe be menye zi gbɔ zi ale si atsu kple asi agblɔ na wo nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo ye nye dzesi si ana kakaɖedzi blibo be woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Menye sɔsɔ na ame nɔewo le gbɔdɔnyawo gome kple ga geɖe ƒe ame si nɔnɔ hã gbɔe wòtsona o. Ke boŋ, nu si nye dzesi si ŋu kakaɖedzi blibo le be srɔ̃ɖeɖe aɖe akpɔ dzidzedzee nye ale si atsu kple asi kpɔa masɔmasɔ ɖe sia ɖe si doa mo ɖa le wo dome la gbɔ nyuie.\nGakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, menye amee bla wo ɖekae o, ke boŋ Mawue bla wo ɖekae. (Mateo 19:4-6) Eya ta ne srɔ̃ɖeɖe aɖe kpɔ dzidzedze la, edea bubu Mawu ŋu. Gake ne srɔ̃ŋutsu meɖea lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiaa srɔ̃a o la, ate ŋu adzɔ be Yehowa Mawu magase eyama ƒe gbedodoɖawo o. (1 Petro 3:7) Nenema kee ne srɔ̃nyɔnu do kpo srɔ̃a bubu la, Yehowa, ame si ɖo srɔ̃ŋutsu ƒomea ƒe ta, koŋ ŋue mele bubu demee o.—1 Korintotɔwo 11:3.\nNu Vevi Siwo Naa Wokpɔa Dzidzedze—Ƒo Asa Na Nya Veamewo Gbɔgblɔ\nMɔ ka ke nue nèɖoa dze le o, alo ƒome ka tɔgbi mee nèɖatsi ɖo o, ne èdi be yeawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ahakpɔ masɔmasɔwo gbɔ nyuie la, ele be nàƒo asa na nya veamewo gbɔgblɔ. Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:\n▪ 'Ðe meƒoa asa na didi be mawɔ wɔɖenuia?' Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: \"Ne wofiã ŋɔti sesĩe la, eye ʋu dona, eye ne wofiã dɔmedzoe sesĩe la, eye dzre dzɔna.\" (Lododowo 30:33) Nu kae nya sia fia? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nu si dze abe miaƒe nukpɔsusu ƒe vovototo sue aɖe le ƒomeganyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ene (le kpɔɖeŋu me, ne ame ɖeka gblɔ be, \"ehiã be míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe gazazã ŋu\" la) ate ŋu atrɔ enumake azu nya tɔamewo gbɔgblɔ ɖe ame nɔewo ŋu (abe \"wò ya meléa be na ga kura o\" ene). Le nyateƒe me la, ne srɔ̃wò 'fiã wò ŋɔti' to nya tɔamewo gbɔgblɔ ɖe ŋuwò me la, àse le ɖokuiwò me be ye hã 'yeafiãe nɛ.' Gake ɖeko wɔɖenuiwɔwɔ hea dziku vanae eye masɔmasɔwo doa gã ɖe edzi.\nBiblia ŋlɔla Yakobo xlɔ̃ nu be: \"Kpɔ ɖa! Dzo sue aɖe koe wotsɔna tɔa dzo ave gã aɖee! Ɛ̃, dzoe aɖe la nye.\" (Yakobo 3:5, 6) Ne atsu kple asi mete ŋu ɖu woƒe aɖe dzi o la, masɔmasɔ sue aɖe ate ŋu atrɔ kpata ahazu dzrehehe kple dzikudodo heliheli. Eye mate ŋu anɔ bɔbɔe be woatu lɔlɔ̃ na ame nɔewo ɖo le srɔ̃ɖeɖe siwo me srɔ̃tɔawo doa dziku ɖe wo nɔewo ŋu heliheli edziedzi la me o.\nLe esi nàwɔ wɔɖeŋui teƒe la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ Yesu, ame si esi wonɔ edzum la, \"medzu ame ɖe eteƒe o\" la oa? (1 Petro 2:23) Mɔ si dzi nàto atsi dzrehehe ƒe dzo la nu kabae nye be nàse srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu gɔme ahaɖe kuku nɛ ɖe nu si me nèda vo le si he masɔmasɔa vae la ta.\nTE MƆNU SIA KPƆ: Ɣebubuɣi si masɔmasɔ aɖe gado mo ɖa la, bia ɖokuiwò be: 'Nu kae wòagblẽ le ŋunye ne melɔ̃ ɖe nu si ŋu srɔ̃nye tsi dzi ɖo la dzi nɛ? Ðe nu si he masɔmasɔ sia vae la ƒe akpa aɖe tso gbɔnyea? Nu ka ta nyemaɖe kuku nɛ ɖe nye vodadawo ta o?'\n▪ 'Ðe nyemebua srɔ̃nye ƒe seselelãmewo nu vevii o hebua wo nu tsɛa?' Mawu ƒe Nya la de se be: \"Mina mi katã miaƒe susu nanɔ ɖeka, mise veve ɖe ame nu.\" (1 Petro 3:8) Bu susu eve siwo ate ŋu ana be nàdo kpo wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖekae nye be ɖewohĩ mèsea srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu alo seselelãmewo gɔme nɛ o. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wòa tsi dzi ɖe nya aɖe ŋu wu wò la, ɖewohĩ àgblɔ be, \"Èle dzi tsim le ɖokuiwò me fũu akpa.\" Ðewohĩ ɖe nèdi be yeakpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòakpɔ ale si tututu kuxia le adze sii hafi. Gake ewɔwɔ le mɔ ma nu mefaa akɔ na ame akpa gãtɔ o. Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo siaa dina be yewoakpɔe be yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo sea nu gɔme na yewo hesea veve ɖe yewo nu.\nDada hã ate ŋu ana ame nabu srɔ̃a ƒe seselelãmewo nu tsɛe. Dadala dina ɣesiaɣi be yeado ye ɖokui ɖe dzi to gbɔɖiɖi ame bubuwo me. Awɔ esia to dzugbewo zazã alo amewo tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo madzemadzee me. Bu Farisitɔ kple agbalẽfiala siwo nɔ anyi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi ŋu kpɔ. Ne ame aɖe—eɖanye wo hati Farisitɔ gɔ̃ hã—ɖe eƒe nukpɔsusu, si to vovo na dadala siawo tɔ, gblɔ la, nu si wowɔnae nye be wozãa dzugbewo hegblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe eŋu. (Yohanes 7:45-52) Yesu ya to vovo. Esea veve ɖe amewo nu ne wogblɔ woƒe dzimenyawo nɛ.—Mateo 20:29-34; Marko 5:25-34.\nBu ale si nèwɔa nui ne srɔ̃wò gblɔ ale si wòse le eɖokui me na wò ŋu kpɔ. Ðe wò nyagbɔgblɔwo, gbe si nètsɔ ƒoa nui, kple wò moɖoɖo ɖea veveseɖeamenu fiana? Alo ɖe nètsia nya ɖe srɔ̃woa nu enumake abe ɖee ale si wòse le eɖokui me mele vevie o enea?\nTE MƆNU SIA KPƆ: Le kwasiɖa siwo gbɔna me la, dze agbagba nàkpɔe ɖa be alekee yeƒoa nu na ye srɔ̃ hã. Ne èkpɔe be yetsi nya ɖe enu alo gblɔ gbɔɖiamenya aɖe ɖe eŋu la, ɖe kuku nɛ enumake.\n▪ 'Ðe mebunɛ ɣesiaɣi be ɖokuitɔdidie ʋãa srɔ̃nye wòwɔa nua?' \"Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua? Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa?\" (Hiob 1:9, 10) Satana to nya siawo dzi nɔ gbɔgblɔm be menye susu nyuiwoe ʋãa nuteƒewɔla Hiob wòsubɔa Mawu o.\nNe srɔ̃tɔwo mele ŋudzɔ o la, woate ŋu ava nɔ nɔnɔme ma tɔgbi ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò wɔ nu nyui aɖe na wò la, ɖe nèsusuna be nane kokoko dim wòle tso gbɔwò alo be nane ɣlam wòle ɖe wò taea? Ne srɔ̃wò da vo aɖe la, ɖe nèbua vodada sia be enye kpeɖodzi be enye ɖokuitɔdila eye be metsɔa ɖe le eme na ye oa? Ðe nèɖoa ŋku vodada mawo tɔgbi si wòwɔ va yi la dzi enumake hetea esia hã ɖia?\nTE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu nyui siwo srɔ̃wò wɔ na wò kple nu nyui siwo anya ʋãe wòwɔ wo la ɖi.\nApostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Lɔlɔ̃ . . . meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.\" (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Lɔlɔ̃ vavã megbãa ŋku o. Eye meŋlɔa vodadawo ɖi hã o. Paulo gblɔ hã be lɔlɔ̃ 'xɔa nuwo katã dzi sena.' (1 Korintotɔwo 13:7) Esia mefia be lɔlɔ̃ xɔa nya sia nya si wogblɔ la dzi sena ko o, ke boŋ eɖea kakaɖeamedzi fiana. Medoa vlo ame alo bua nazã ɖe ame ŋu o. Lɔlɔ̃ si ƒomevi ƒe dzi Biblia de ƒo la nɔa klalo na tsɔtsɔke helɔ̃na faa bua nyui ɖe ame ŋu. (Psalmo 86:5; Efesotɔwo 4:32) Ne srɔ̃tɔwo ɖea lɔlɔ̃ sia ƒomevi fiaa wo nɔewo la, woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me.\nBIA ÐOKUIWÒ BE . . .\n▪ Vodada kawoe atsu kple asi si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la wɔ?\n▪ Aleke mate ŋu aƒo asa na vodada mawo ƒomevi le nye srɔ̃ɖeɖe me?\n▪ Nu vevi siwo ŋu woƒo nu tso le nyati sia me dometɔ ka ŋue wòle be madze agbagba le wu?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/Mas%C9%94mas%C9%94wo-Gb%C9%94-Kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2023-09-21T07:45:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233505362.29\/warc\/CC-MAIN-20230921073711-20230921103711-00673.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987475276,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987475275993347}","num_words":1840,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðeko nèlé ŋku ɖe wò ɣletigbalẽ ŋu eye le nudidiwo dome le dɔwɔƒe kple aƒeme la, ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o ŋutɔ le asiwò be nàzɔ mɔ. Eɖanye be èle dɔ wɔm tso aƒeme alo èle mɔ dim be yeage ɖe ɔfis o, agbenɔnɔ si me zitɔtɔ le ate ŋu ahe nuteɖeamedzi, alɔ̃dɔdɔ sesẽ, eye ame geɖe akpɔe be ɖeɖi tea yewo ŋu le dɔwɔŋkekea me.\nƉeɖiteameŋu dzesi geɖe le eŋu siwo dometɔ aɖewoe nye seselelãme, alɔ̃dɔdɔ, ŋusẽ ƒe vɔvɔ, kple susu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie kple ʋiʋli ƒe anyimanɔmanɔ. Eye le nyateƒe me la, esiawo dometɔ aɖeke menye nɔnɔme nyui siwo ŋu wòle be woade dzesii le wò dɔwɔƒe o. Menye ɖeko ɖeɖiteameŋu ate ŋu ana nàdze abe ame ŋutɔ ene eye nèwɔa dɔ nyuie le dɔwɔƒe ko o, ke ate ŋu ahe dedienɔnɔ ƒe afɔku gã aɖe hã vɛ ne èle dɔ wɔm le a nɔnɔme si me afɔku le. Gakpe ɖe eŋu la, ɖeɖiteameŋu ɣeyiɣi didi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò seselelãme kple susu ƒe nyonyo dzi. Ele vevie be nànya wò ɖeɖiteameŋu eye ne ehiã la, nàtsɔe ava wò ɖɔkta gbɔ.\nBe nàwɔ avu kple ɖeɖiteameŋu ahanɔ te ɖe agbenɔnɔ ƒe nɔnɔmewo nu la, aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esi.\nŊusẽdolawo Kabakaba\nŊusẽ ƒe gbagbã kpuiwo ate ŋu atso teƒe vovovowo:\n- Ƒo nu a numeɖenu si ƒoa carbohydrates kple protein siwo gɔme sese sesẽ la nu ƒu.\n- Yi azɔlizɔzɔ kabakaba dzi be nàgade ŋusẽ wò ŋutilã bliboa.\n- Wɔ mini-meditation, eɖanye zã Si xɔ asi alo ɖeko wòle be Gbɔdzi ɖi ƒe akpa aɖe le wò gaƒoɖokui dzi. Aɖabaƒoƒo eve ƒe wɔna kpui sia nana nèɖea dzi ɖi eye nèsena le ɖokuiwò me be yete ŋu ɖua ye ɖokui dzi geɖe wu.\n- No tsi kplu ɖeka. Tsidede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse le ɖokuiwò me be yele ŋudzɔ wu, abe caffeine ene.\nAgbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔ\nZã mɔnukpɔkpɔ aɖe nàtsɔ awɔ avu kple ɖeɖiteameŋu ɣeyiɣi didi to agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ siawo siwo le lãmesẽ me la dede eme me:\n- Ðe wò caffeine dzi kpɔtɔ va ɖo aha ɖeka va ɖo eve siwo me caffeine le gbesiagbe. Atike si doa ŋusẽ ame la nono le ŋkekea ƒe gɔmedzedze ɖea ŋusẽ dzi kpɔtɔna le zãtiƒe.\n- Dzra wò ŋusẽ ɖo na nusiwo nèdi be yeawɔ, abe fefe kple viwòwo alo ɣeɖuɖu le wò nuɖaƒe ene. Kamedede sia ƒomevi akpe ɖe ŋuwò nàdo dzo.\n- Ðo liƒowo ɖe wò ɣletigbalẽ ɖesiaɖe dzi be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu wò nuteɖeamedzi dzi edziedzi.\nNa Wò Alɔ̃dɔdɔ ƒe Nɔnɔmewo Nanyo Ðe Edzi\nZi geɖe la, alɔ̃madɔmadɔ nyuie alo alɔ̃madɔmadɔ nyuie gbɔe ɖeɖiteameŋu tsona. Be nàkpe ɖe ŋuwò nàna wò lãmesẽ ƒe akpa sia nanyo ɖe edzi la, ɖoe be yeazã gaƒoƒo 7 va ɖo 8 le zã ɖeka me, ne esia bia be nàtrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi ŋu gɔ̃ hã.\n- Na alɔ̃dɔdɔ ƒe nɔnɔme nyui nanɔ anyi to dzoxɔxɔ dzi ɖuɖu, toɣliɖeɖe ƒe sesẽme, kple akaɖiwo zazã me.\n- Zã Dᴐ alɔ̃ features be woawɔ alɔ̃dɔdɔ ƒe ɖoɖowɔɖi si woɖo be woanyɔ ahaɖi ɖe eme le ɣeyiɣi ɖeka me le kwasiɖa bliboa me kple kwasiɖanuwuwu.\n- Seɖo��e li na atike siwo wonya siwo doa ŋusẽ ame siwo dometɔ aɖewoe nye caffeine, aha sesẽ, nuɖuɖu gãwo, alo kamedede sesẽ si te ɖe wò mlɔƒe ŋu.\nAdzɔgbeɖeɖe: Woate ŋu agblɔ be ɖeɖiteameŋu do ƒome kple atikewɔwɔ me nya aɖe si gbɔ wòtso, susumedɔléle, alo alɔ̃madɔmadɔ. Bu eŋu kpɔ be yeayi wò ɖɔkta be yeakpɔe ɖa be esia ku ɖe ye ŋu hã, vevietɔ ne nyatakaka siawo meɖe wò ɖeɖiteameŋu dzi kpɔtɔ o.\nNyatakaka siawo nye hehenana ta ko eye womeɖoe be woatsɔ axɔ ɖe atikewɔwɔ me dɔlélewo didi alo wo dada teƒe o. Mele be nàzã nyatakaka siawo atsɔ adi lãmesẽkuxi alo nɔnɔme aɖe alo adae o. Kpɔ wò ɖɔkta gbɔ ɣesiaɣi hafi nàtrɔ wò nuɖuɖu, atrɔ wò alɔ̃dɔdɔ, ano atike siwo kpena ɖe ŋuwò, alo adze kamedede ƒe ɖoɖo yeye aɖe gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/blogs\/news\/feeling-fatigued-at-work-try-these-tips-to-stay-energized","date":"2023-09-27T20:34:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510326.82\/warc\/CC-MAIN-20230927203115-20230927233115-00445.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988768101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988768100738525}","num_words":643,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mansard xɔtaxɔ ƒe akɔntabubu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX\n- aƒea ƒe kekeme\nC\n- overhang ƒe lolome\nB\n- xɔta ƒe didime\nɖeɖe fiã\nWotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòabu akɔnta le mansard xɔtaxɔa ŋu: xɔtaxɔa kple xɔtaxɔa te ƒe nuwo, xɔtaxɔwo kple xɔtaxɔwo ƒe agbɔsɔsɔme.\nÀte ŋu abu akɔnta le xɔa tame ƒe didime aɖewo siwo ŋu viɖe le hã ŋu.\nAkɔntabubua ɖea nuwo ƒe lolome alo lolome fiana na xɔa tame ƒe afã eye le axadzinuŋɔŋlɔwo me ɖea xɔtaxɔ bliboa ƒe lolome alo lolome fiana.\nŊuɖoɖo! Ne wole akɔnta bum le agbalẽ dzi nuzazãwo ŋu (ondulin, slate alo ga tile) nenɔ susu me na wò be ɖoɖowɔɖia bua akɔnta le tame ƒe lolome nu.\nLe kpɔɖeŋu me, fli 2.8 dzia agbalẽ 7.7 ɖe fli ɖeka dzi. Le xɔtutu ŋutɔŋutɔ me la, woɖoa fli 3.\nBe woate ŋu abu xɔtaxɔ ƒe agbalẽwo ƒe xexlẽme wòade pɛpɛpɛ wu la, ehiã be woaɖe agbalẽa ƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ le akɔntabubua me vaseɖe esime woakpɔ fliawo ƒe xexlẽme blibo.\nMègaŋlɔ be be yeaɖo agbɔsɔsɔme si woatsɔ aƒo ƒui wòade pɛpɛpɛ wu o. (le nu vovovowo gome la, ate ŋu ato vovo - wɔ ɖe ewɔla ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi).\nMina magaɖo ŋku edzi na mi ake be ele be miaƒle xɔtunuwo kple gbeɖuɖɔ ƒe vovototo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/roof4\/","date":"2023-10-05T02:40:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511717.69\/warc\/CC-MAIN-20231005012006-20231005042006-00113.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986252785,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986252784729004}","num_words":212,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa?\n\"Ðeko nyemekpe fu wɔ dɔ kpɔ nane o, woxɔa akpa gãtɔ le asinye.\"—Babilontɔwo ƒe lododo, ƒe 2300 D.M.Ŋ. lɔƒo.\n\"Kakaɖedzi mele naneke ŋu le xexe sia me wu ku kple adzɔxexe o.\"—Benjamin Franklin, United States dziɖuɖumegã, ƒe 1789.\nREUBEN nye fiasemenudzrala. Ƒe sia ƒe la, fetu si wòkpe fu wɔ dɔ xɔ la ƒe akpa etɔ̃lia kloe yina ɖe adzɔxexe me. Efa konyi be: \"Nyemenya afisi tom ga siawo katã le o. Togbɔ be dziɖuɖua ɖea ga gbogbo aɖe le míaƒe fetu me hã la, míele ŋgɔyiyidɔ boo aɖeke kpɔm o.\"\nGake èlɔ̃ alo mèlɔ̃ o, adzɔxexe nye agbe ƒe akpa aɖe. Agbalẽŋlɔla Charles Adams gblɔ be: \"Tso keke esime ŋkuʋuʋu dze egɔmee dziɖuɖuwo toa mɔ geɖewo nu xɔa adzɔ le amewo si.\" Amewo doa dziku le adzɔxexe ta zi geɖe eye enaa wodzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋu ɣeaɖewoɣi. Blema Britaintɔwo ʋli nya kple Romatɔwo gblɔ be: \"Enyo na mí ne miewu mí gɔ̃ hã tsɔ wu be miatsɔ adzɔxexe ado agbae na mí!\" Le France la, adzɔ si woka na amewo ɖe dzeƒeƒle ŋue he Franseawo ƒe Aglãdzedzea vɛ, eye ena wotso ta le adzɔxɔlawo nu. Aglãdzedze le adzɔxexe ta hã wɔ akpa aɖe le aʋa si United States kpe kple England be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ me.\nMewɔ nuku o be amewo kpɔtɔ doa dziku le adzɔxexe ta vaseɖe egbea. Numekulawo gblɔ be zi geɖe le dukɔ madeŋgɔwo me la, adzɔxɔmɔnuwo \"mewɔa dɔ nyuie o\" eye \"womesɔ o.\" Numekula aɖe gblɔ be Afrika dukɔ dahe aɖe li si me \"adzɔ vovovo 300 le woxɔna, eye exɔxɔ dzikpɔɖoɖo mekpɔa dzidzedze o, aleke kee exɔlawo nya dɔe o. Adzɔxɔxɔ kple ŋkuléle ɖe eŋudɔwɔwɔ ŋu ƒe mɔnu aɖeke meli o alo ne woli hã womezɔna ɖe wo dzi o, . . . si na be amewo kpɔ mɔnu gblẽa gaa dome.\" BBC Nyadzɔdzɔgblɔha ka nya ta be le Asia dukɔ aɖe me la, \"nutome dziɖuɖumegãwo kaa adzɔ . . . manɔsenu gbogbo aɖewo na amewo—tso adzɔxexe ɖe akɔɖugbledede ta dzi yi hawuwu adzra dzi—be yewoatsɔ ado nutoa me ganyawo ɖe ŋgɔe [adzii ɖe edzi] alo be woatsɔ ade woa ŋutɔwo ƒe kotoku me.\"\nAlesi kesinɔtɔwo le ho kpɔm ɖe edzi eye hiãtɔwo le ahe dam ɖe edzi naa amewo doa dziku. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ si nye Africa Recovery gblɔ be: \"Vovototo geɖe siwo le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo ƒe ganyawo me la dometɔ ɖekae nye be esi dukɔ deŋgɔwo naa gakpekpeɖeŋu agbledelawo la, dukɔ madeŋgɔwo ya xɔa adzɔ le agbledelawo si. . . . Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe numekukuwo ɖee fia be gakpekpeɖeŋu si United States dziɖuɖua ɖeɖe naa agbledelawo le ƒe ɖeka me sɔ gbɔ dɔlar [miliɔn] 250 wu ga si Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔwo kpɔna ƒe sia ƒe tso ɖetifu dzadzra na dutadukɔwo me.\" Eyata agbledela siwo le dukɔ madeŋgɔwo me ado dziku ne woƒe dziɖuɖu xɔa adzɔ ɖe ga sue si kpɔm wole la ta. Agbledela aɖe si le Asia dukɔ aɖe me gblɔ be: \"Ɣesiaɣi si [dziɖuɖumegãwo] ava afisia la, míenyana xoxo be ga tae wova ɖo.\"\nNenema ke esi dziɖuɖua ka adzɔ na agbledelawo be woaxe ɖe anyigba ta le South Africa la,amewo do dziku vevie. Agbledelawo ɖoe be yewoatsɔ nyaa ayi ʋɔnui. Agbledelawo ƒe nyanuɖela gblɔ be adzɔ sia \"ana agbledelawo naɖu agba eye wòana agbledɔwɔlawo makpɔ dɔ awɔ o.\" Ɣeaɖewoɣi la, adzɔxexe ƒe dzi veve na amewo kpɔtɔ hea ʋunyaʋunyawɔwɔ dea amewo dome egbea gɔ̃ hã. BBC Nyatakakawo gblɔ be: \"Wowu agbledela [Asiatɔ] eve le ƒe si va yi me esime kpovitɔwo va dze kɔƒe aɖe si me agbledelawo nɔ gbɔ lɔm tsi tre ɖe adzɔxɔxɔ le wo si vivivo ŋu la dzi.\"\nGake menye hiãtɔwo koe doa dziku le adzɔxexe ta o. Numekuku aɖe si wowɔ le South Africa ɖee fia be gatɔ geɖewo \"mele klalo be yewoaxe adzɔ bubu siwo wogakana na wo o—ne ɖe adzɔa maxemaxe ana be dziɖuɖua mate ŋu awɔ dɔ vevi siwo wòle be wòawɔ na wo o la gɔ̃ hã.\" Nyadzɔdzɔgbalẽwo kaa nya ta tso xexeame hadzila, sinimawɔla, kamedefefewɔla, kple dunyahela xɔŋkɔwo ƒe sisi le adzɔxexe nu ŋu. Agbalẽ si nye The Decline (and Fall?) of the Income Tax gblɔ be: \"Nublanuitɔe la, míaƒe dziɖuɖumegã xɔŋkɔwo, míaƒe dukplɔlawo, gɔ̃ hã meɖoa kpɔɖeŋu nyui si ade dzi ƒo na dukɔmeviwo be woawɔ ɖe adzɔxesewo dzi o.\"\nÐewohĩ wò hã èsenɛ le ɖokuiwò me be adzɔ siwo woxɔna le amewo si la sɔ gbɔ akpa, womesɔ o, eye be wowu tsɔtsɔ na amewo. Ekema aleke wòle be nàbu adzɔxexee? Ðe adzɔxexe kpɔa taɖodzinu nyui aɖe gbɔa? Nukatae wòdzena zi geɖe be adzɔxexe ŋuti ɖoɖowo sesẽ akpa eye be womesɔ o? Nyati siwo kplɔe ɖo dzro biabia siawo me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nLe dukɔ madeŋgɔwo me la, ame dahewo dzie adzɔxexe masɔmasɔwo ƒe agba te ŋu nɔna wu\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nGodo-Foto","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20031208\/%C3%90e-Amewo-Va-Le-Dziku-Dom-le-Adz%C9%94xexe-Taa\/","date":"2023-12-05T15:39:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100551.2\/warc\/CC-MAIN-20231205140836-20231205170836-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987515807,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987515807151794}","num_words":790,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le nusiwo wotsɔ wɔa xɔmetsovɔ alo xɔmetsovɔa ŋu\nGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nX\n- visor ƒe kekeme\nY\n- visor ƒe kɔkɔme\nZ\n- visor ƒe didime\nWotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòabu akɔnta le nusiwo woatsɔ awɔ xɔmetsovɔ alo xɔtaxɔ si le gota afã me ŋu.\nLe akɔntabubua ta la, àteŋu anya visor ƒe didime kple eƒe lolome. Eye canopy arc ƒe didime.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/visor\/","date":"2023-12-10T13:59:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102469.83\/warc\/CC-MAIN-20231210123756-20231210153756-00126.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994471669,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994471669197083}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.117,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le DivMagic la, míedea bubu wò nyatakakawo ŋu eye míeɖoe kplikpaa be míakpɔ wò nyatakakawo ta. Ameŋunyatakakawo Ŋuti Ðoɖo sia gblɔ nyatakaka ƒomevi siwo míexɔna, ale si míezãa wo hekpɔa wo ta, kple wò gomenɔamesiwo ku ɖe wò nyatakakawo ŋu.\nMíeƒoa nyatakaka aɖeke nu ƒu tso ŋuwò o.\nWowɔa kɔpiawo katã le wò mɔ̃a dzi eye womeɖoa wo ɖe server aɖeke o.\nNe nya aɖe le asiwò ku ɖe Ameŋunyatakakawo Ŋuti Ðoɖo sia ŋu la, taflatse te ɖe mía ŋu to míaƒe e-mail dzi.\nemail@example.com\nMíate ŋu atrɔ asi le Ameŋunyatakakawo Ŋuti Ðoɖo sia ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Ne míewɔe nenema la, míana nànya to ɖoɖo yeyea dada ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea me. Míele dzi dem ƒo na wò be nàto Ameŋunyatakakawo Ŋuti Ðoɖo sia me ɣeaɖewoɣi.\n© 2023 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/privacy","date":"2023-11-30T17:19:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100229.44\/warc\/CC-MAIN-20231130161920-20231130191920-00106.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997097254,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997097253799438}","num_words":133,"character_repetition_ratio":0.147,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amesiame ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ—Ate Ŋu Adze Edzia?\nÀDI be mia kple wò ƒomea mianɔ lãmesẽ mea? Àdii godoo. Gake togbɔ be ɣeaɖewoɣi koe mía dometɔ akpa gãtɔ dzea dɔ vie hã la, lãmegbegblẽ nye vevesese si ɖea fu na ame miliɔn geɖe le woƒe agbemeŋkekewo katã me.\nKe hã wole agbagba geɖe dzem be woaɖe dɔléle kple lãmegbegblẽ dzi akpɔtɔ. Bu Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔha ŋu kpɔ. Le kpekpe aɖe si wowɔ le Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ me le ƒe 1978 me la, dukɔ 134 teƒenɔlawo kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ 67 lɔ̃ ɖe edzi be menye dɔmadzemadze alo lãmemagblẽmagblẽname koe nye lãmesẽmenɔnɔ o. Wogblɔ be lãmesẽmenɔnɔ fia \"alesi woanɔ nyuie le ŋutilã me, susu me, kple hadome le go sia go me.\" Emegbe habɔbɔ teƒenɔlaawo wɔ afɔɖeɖe aɖe dzideƒotɔe esi woɖe gbeƒãe be \"amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe\" ye lãmesẽ nye! Eyata Lãmesẽ Habɔbɔa ɖoe be yewoakpɔ egbɔ be \"lãmesẽ me nɔnɔ va ɖo afisi dze la nasu amesiame si le xexeame katã.\"\nTaɖodzinu ma do dzidzɔ na ame loo eye wònyo kpem hã. Gake mɔkpɔkpɔ kae li be ava dzɔ alea gbaɖegbe? Le amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo katã dome la, ɖikeke mele eme o be atikewɔwɔe nye nusiwo dzi wokana ɖo kple nusiwo ŋu wodea bubui wu dometɔ ɖeka. Britain nyadzɔdzɔgbalẽ The European ka nya ta be \"'nukugbedada': si nye atikekui ɖeka nada dɔ aɖe, si nye atikewɔwɔmɔnu si nɔ anyi tso gbaɖegbe ke\" la va ma Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔwo. Ne míagblɔe bubui la, wole mɔ kpɔm be atike siwo atikewɔlawo awɔ na dɔ sia dɔ la nate ŋu atsi dɔa nu keŋkeŋ. Ðe gbedada le mɔ sia nu ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu kɔkɔ sia gbɔ vavãa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010608\/Amesiame-%C6%92e-L%C3%A3mes%E1%BA%BD-me-N%C9%94n%C9%94-Ate-%C5%8Au-Adze-Edzia\/","date":"2023-12-02T11:39:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100399.81\/warc\/CC-MAIN-20231202105028-20231202135028-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998897016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988970160484314}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na Woƒe Dzi Nedze Eme le Ŋkuɖodzia Ðuƒe\n1 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa sia me la, Ŋkuɖodzia vala 3 dometɔ 1 koe nye nyanyui gbeƒãɖela. Ƒe sia me tɔ hã ate ŋu anɔ nenema ke. Ðewohĩ esi vavalawo ƒe ƒometɔ aɖe alo woƒe ame nyanyɛ aɖe de dzi ƒo na wo vevie ta wo dometɔ aɖewo ava, eye ame bubuwo hã ava le esi hamea me gbeƒãɖelawo kpe wo ta. Togbɔ be vavala bubuwo nye nyɔnyrɔ̃xɔlawo hã la, womegadea gbeadzi ɣleti sia ɣleti o. Míexɔ amesiwo katã de bubu Yesu ƒe sedede be, 'Minɔ esia wɔwɔ dzi ne míatsɔ aɖo ŋku dzinye' la atuu tso dzime ke.—Kor. I, 11:24; Rom. 15:7.\n2 Anyinɔƒegbɔkpɔla siwo wode dɔ asi na la nenɔ ŋudzɔ be woaxɔ amesiame si ava Fiaɖuƒe Akpataa me atuu, vevietɔ ame yeyewo. Gake mí katã míate ŋu aɖe amedzrowɔwɔ fia le Ŋkuɖodzia ɖuƒe. (Rom. 12:13) Aleke míawɔe?\n3 Fiẽ ma la, gbeƒãɖela aɖewo anɔ dɔ dzi vevie anɔ ʋu dim na ɖetsɔlemetɔwo. Ame bubuwo ava ɖo kaba eye woanɔ anyi ado wòez�� na vavala siwo va le wo ɖokui si. Ne amedzro aɖe va akpataa me la, mido vivi ɖe eŋu, eye miaɖo dze kplii. Bia amea se be enya ame aɖe le hamea me hã. Ne ebe ẽ la, ke na wòanɔ gbɔwò vaseɖe esi amea nava. (Tsɔe sɔ kple Luka 10:35.) Ne menya ame aɖeke o la, ke nukatae màna wòanɔ gbɔwò le kpekpea me o? Ðe alesi woazã wein la kple aboloa le kpekpea me la me nɛ. Ðewohĩ ahiã wò kpekpeɖeŋu le ŋɔŋlɔ siwo nuƒola la ayɔ didi me.\n4 Ne miewu Ŋkuɖodzia ɖuɖu nu vɔ la, na wòanya be edzɔ dzi wò be eva. Ðewohĩ nya aɖewo anɔ esi wòadi be yeabia le míaƒe dɔa ŋu si ŋu nàte ŋu aɖo nɛ. Wò ɖetsɔleme nɛ ate ŋu ana miadzro Biblia me nyati aɖe me, le Fiaɖuƒe Akpataa me loo alo le teƒe bubu. Nɔvi aɖe siwo le ŋudzɔ eye woɖe afɔ sia si dze kafukafu le wo ɖokui si la te ŋu dze nusɔsrɔ̃ nyuiwo gɔme. Hafi amea nadzo le Fiaɖuƒe Akpataa me la, ɖee fia ame bubuwo, eye nàkpee vividodoɖeameŋutɔe be wòagava ake.\n5 Dzidzɔ kae nye si wònye be míaxɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo medea kpekpewo edziedzi o alo womegakpɔa gome le subɔsubɔdɔa me o ɣeyiɣi aɖee nye sia! Le esi míabia wo be nukatae womegavaa kpekpeawo o teƒe la, gblɔ alesi wòdzɔ dzi na wò be wova boŋ nɛ. Ðewohĩ nya aɖe si woase le Ŋkuɖodzinuƒoa me aʋã wo be woagbugbɔ tame abu le adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome la ŋu. Wo xɔxɔ atuu kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo anukwaretɔe ate ŋu aʋã dzi na wo. Na woanya be adzɔ dzi na wò be nàgakpɔ wo ake.—Rom. 1:11, 12.\n6 Woaƒo dutoƒonuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye \"Subɔsubɔha Vavãtɔ Kpɔa Ameƒomea ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ\" le hame akpa gãtɔ me le April 10 lia dzi. Kpɔ egbɔ be yekpe Ŋkuɖodzia valawo katã eye nàkpe ɖe wo ŋu be woava. Míele mɔ kpɔm be amesiwo ava kpekpe tɔxɛ sia ƒe dzi adze eme eye woakpɔ nɔviwɔwɔ ƒe vividodoɖeameŋu si le Yehowa ƒe amewo dome.—Ps. 133:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/d\/r114\/lp-ew\/201994080","date":"2023-12-02T12:08:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100399.81\/warc\/CC-MAIN-20231202105028-20231202135028-00597.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993169308,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999316930770874}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.017,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔwɔɖui ƒe Amesinɔnɔ Kple Eme Dzidzɔkpɔkpɔ Ðo Afɔku Me\nDUKƆ ƑOƑUAWO ƒe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi gblɔ be \"dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔ nye amegbetɔwo katã ƒe gomenɔamesi vevi.\" Gake kpeɖodzi meli be gomenɔamesi sia anɔ amewo si ɣesiaɣi o. Dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔ nɔ te ɖe nu geɖe dzi—tso nutoa me ganyawo ƒe kelili dzi yi xexeame katã ƒe asitsanyawo ƒe nɔnɔme dzi. Togbɔ be ele alea hã la, dɔ ƒe gege le ame si alo eŋuti dzimaɖitsitsi hea nyaʋiʋliwo, ʋunyaʋunyawɔwɔwo, kple dɔwɔlawo ƒe aglãdzedze be yewomayi dɔme o vɛ zi geɖe. Dukɔ ʋɛ aɖewo koe do le eme. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, nya si nye \"dɔ\" ɖeɖe gɔ̃ hã \"nyɔa seselelãme sesẽwo ɖe ame me abe alesi wònɔna ɖaa ene.\"\nSusu geɖewo tae dɔwɔɖui le vevie na mí ɖo. Tsɔ kpe ɖe ga si míekpɔna tsoa eme ŋu la, edoa míaƒe susume kple seselelãme ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Dɔwɔɖui kpɔa amegbetɔ ƒe didi be yeanye dukɔmevi ɖɔʋu kple amesi ƒe agbe ŋu taɖodzinu le gbɔ. Enaa míesena le mía ɖokui me hã be bubu le mía ŋu. Eyata amesiwo si ga geɖe le woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe alo amesiwo ƒe ƒe de woaxɔ dzudzɔ le dɔme la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã dina be yewoaganɔ dɔa me kokoko. Ẽ, dɔwɔɖui le vevie ale gbegbe be eƒe amesimanɔmanɔ hea hadome kuxi sesẽwo vɛ zi geɖe.\nLe go bubu me la, ame aɖewo hã li siwo si dɔwɔɖui le gake wodzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenu geɖe le dɔme ale gbegbe be dzi megadzɔa wo ɖe dɔa ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le alesi hoʋiʋli geɖe va le asitsanyawo mee egbea ta la, adzɔha gbogbo aɖewo yi edzi le woƒe dɔwɔlawo dzi ɖem kpɔtɔ bena yewoaɖe gazazã dzi akpɔtɔ. Esia ate ŋu ada agbanɔamedzi bubuwo ɖe dɔwɔla siwo susɔ, siwo wòle na be woawɔ dɔ bubuwo akpe wo tɔ la dzi.\nEgbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya si woto vɛ be wòana agbea nabɔbɔ wu ahana dɔ nanyo ɖe edzi la, hãe anya le nyaƒoɖeamenu dzim ɖe edzi le dɔwɔƒea. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiutawo, faksmɔ̃wo, kple Internet naa amewo te ŋu tsɔa woƒe dɔwo yia aƒemee le dɔwɔɣiwo megbe, si wɔe be vovototo megava le dɔwɔƒe kple aƒeme dome o. Dɔwɔla aɖe se le eɖokui me be yewoƒe dɔwɔƒea ƒe nyatakakaxɔmɔ̃ kple asitelefon le abe ka makpɔmakpɔ si wode ye tsi ɖe yeƒe dɔmemegã ŋu ene.\nVɔvɔ̃ si le ame tsitsi geɖe ɖom vevie le tɔtrɔ siwo le míaƒe dɔwɔnya kple ganyawo me vamkabakaba ŋu enye alesi wobua wo be wotsi akpa na dɔa hafi woƒe ɣeyiɣi dena. Chris Sidoti, si nye Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Ŋu Nyawo Gbɔkpɔla tsã, gblɔ le nya sia ŋu be: \"Edze abe ɖe dɔnyala bibiwo va li ale gbegbe be ne wò ƒe mele ʋɛ wu ƒe 40 o la, mate ŋu azã kɔmpiutawo kple mɔ̃ɖaŋununya yeyeawo o ene.\" Esia ta, wova le dɔwɔla nyui geɖe siwo woabu tsã be wonye dɔwɔla zazɛ̃wo la bum be wotsi akpa na dɔa. Nublanuinya kae nye si!\nEdze ƒã be moveviɖoɖo ɖe dɔ ŋu kple anukwareɖiɖi na adzɔhaa ƒe gbɔgbɔ si nɔ anyi tsã la yi to ale gbegbe le ƒe siawo me. Franseawo ƒe magazine si nye Libération gblɔ be: \"Ne adzɔhawo ɖe asi le amewo ŋu le adzɔnuwo ƒe asi ƒe ɖiɖi vie ko ta la, anukwareɖiɖi na adzɔhawo zua gbaɖegbenya. Ele be nàwɔ dɔa ya, gake menye na adzɔhaa o, ke boŋ na wò ŋutɔ ɖokuiwò.\"\nTogbɔ be kuxi siawo le dzidzim ɖe edzi hã la, dɔwɔwɔ kpɔtɔ nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi. Eyata le míaƒe ɣeyiɣi siwo le tɔtrɔm kabakaba me la, aleke ame ate ŋu atu dɔwɔɖui ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ɖo, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòase le eɖokui me be yeƒe dɔ anɔ ye si eye dzi nadzɔe le ewɔwɔ me?\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nEgbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya le nyaƒoɖeamenua dzim ɖe edzi le dɔwɔƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030201\/D%C9%94w%C9%94%C9%96ui-%C6%92e-Amesin%C9%94n%C9%94-Kple-Eme-Dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2023-11-29T09:34:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100057.69\/warc\/CC-MAIN-20231129073519-20231129103519-00520.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999158144,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991581439971924}","num_words":641,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mlã Viwò Wòanye Ŋutifafame\nEsi dzi dzɔ Nicole, si xɔ ƒe enyi be ye kple yeƒe ƒomea yewoʋu yi nuto bubu me la, eɖoa nyatakaka ɖe sia ɖe ɖe exɔlɔ̃ vevi Gabrielle. Gbe ɖeka, ɖeko Gabrielle gblɔ na Nicole be yemedi be yeagase eƒe ʋuʋu ŋuti nya azɔ o. Esia te ɖe Nicole dzi vevie wòdo dziku hegblɔ na nɔa be, \"Nyemedi be magakpɔ Gabrielle ake gbeɖe o!\"\nZI GEÐE la, ehiãna be dzilawo nade nu ɖeviwo dome masɔmasɔwo, abe esi do mo ɖa le Nicole kple Gabrielle dome ene la me—menye be woafa akɔ na ɖeviawo ko o, ke be woafia wo ale si woadzra wo nɔewo dome ɖo hã. Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo wɔa 'ɖevinuwo,' eye zi geɖe la, womenyaa ale si gbegbe woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dea abi ame bubuwo ŋu o. (Korintotɔwo I, 13:11) Wohiã kpekpeɖeŋu be woatu nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe wo ŋu woanɔ ŋutifafa me kple ƒomea me tɔwo kpakple ame bubuwo la ɖo.\nDzila Kristotɔwo dina vevie be yewoana hehe yewo viwo be 'woadi ŋutifafa, eye woati eyome.' (Petro I, 3:11) Dzidzɔ si gbegbe ŋutifafame kpɔna la ƒo agbagba siwo wòhiã be wòadze be wòaɖu nazãbubu, nuteɖeamedzi kple adãwɔwɔ ƒe seselelãmewo dzi la ta sãsãsã. Ne dzilae nènye la, aleke nàte ŋu amlã viwòwo woanye ŋutifafamewo?\nNa Viwòwo Nadi Vevie Be Yewoadze \"Ŋutifafa Mawu La\" Ŋu\nWoyɔ Yehowa be \"ŋutifafa Mawu,\" eye be eyae nye ame si \"naa ŋutifafa.\" (Filipitɔwo 4:9; Romatɔwo 15:33, NW) Eya ta dzila dzeaɖaŋuwo zãa Mawu ƒe Nya, Biblia, tsɔ mlãa wo viwo be woadi be yewoadze Mawu ŋu ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyuiawo. Le kpɔɖeŋu me, kpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ nu si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe me la le susu me—anyieʋɔ dzeani aɖe si le gbe mumu ƒe amadede me, si le abe emerald kpe ene, si ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia. * (Nyaɖeɖefia 4:2, 3) Ðe eme na wo be anyieʋɔ sia le tsitre ɖi na ŋutifafa kple tomefafa si ƒo xlã Yehowa, eye be adudu yayra sia ɖe ame siwo katã ɖoa toe la dzi.\nYehowa ganaa mɔfiafia mí hã to Via, Yesu, si woyɔ be 'Ŋutifafafia' la dzi. (Yesaya 9:5, 6) Eya ta anyo be nàxlẽ Biblia me nuŋlɔɖi siwo me Yesu ƒe nufiame vevi siwo ku ɖe asaƒoƒo na masɔmasɔ kple nyaʋiʋliwo ŋu le la na viwò sueawo ahadzro wo me kpli wo. (Mateo 26:51-56; Marko 9:33-35) Ðe nu si tae Paulo, si nye \"vlodola tsã\" la trɔ eƒe nɔnɔme, eye wòŋlɔ be \"ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me\" la me na wo. (Timoteo I, 1:13; Timoteo II, 2:24) Ale si viwò anɔ agbe ɖe nufiame siawo nui la awɔ nuku na wò.\nEvan ɖo ŋku edzi be esime yexɔ ƒe adre la, ɖevi aɖe di ge le ye ŋu esime yewonɔ bɔs me yina suku. Egblɔ be: \"Nua ve dɔme nam ale gbegbe be medi be maɖo eteƒe nɛ! Enumake meɖo ŋku nane si míesrɔ̃ le aƒe me ku ɖe ame siwo dia ge le ame ŋu ŋuti la dzi. Menyae be Yehowa di tso asinye be 'magaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o,' eye be 'manɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.'\" (Romatɔwo 12:17, 18) Esia wɔe be Evan kpɔ ŋusẽ kple dzideƒo te ŋu ɖu eɖokui dzi le nɔnɔme sesẽ ma me hewɔ nu tufafatɔe. Edi be yeadze ŋutifafa Mawu la ŋu.\nNye Ŋutifafame\nÐe wò aƒe me nye afi si ŋutifafa lea? Ne nenemae la, ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si woawɔ nu kple amewo le ŋutifafa me ŋu to ŋkuléle ɖe ŋuwò ɖeɖe ko me. Ale si nàkpɔ dzidzedze le viwòwo mamlã be woanye ŋutifafamewo me anɔ te ɖe ale si gbegbe wò ŋutɔ nèsrɔ̃a ale si Mawu kple Kristo wɔa nu ɖe amewo ŋu le ŋutifafa mee dzi.—Romatɔwo 2:21.\nRuss kple Cindy doa vevie nu le wo viŋutsu eveawo mamlã me hedea dzi ƒo na wo be woawɔ nu kple amewo lɔlɔ̃tɔe ne wodo dziku na wo. Cindy gblɔ be: \"Ale si mía kple Russ míewɔa nu ɖe ɖeviawo kple ame bubuwo ŋu ne masɔmasɔ do mo ɖa la wɔa akpa vevi aɖe le ale si ɖeviawo awɔ nu le nɔnɔme mawo tɔgbi me ŋu.\"\nNe èda vo gɔ̃ hã—abe ale si ko wòle le dzila ɖe sia ɖe gome ene la—àte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ afia nu vevi aɖewo viwòwo. Stephen gblɔ be: \"Ɣeaɖewoɣi la, mía kple srɔ̃nye Terry míewɔa nu wògbɔa eme hehea to na mía vi etɔ̃awo hafi va sea nu si tututu dzɔ la gɔme. Ne edzɔ alea la, míeɖea kuku.\" Terry gblɔ kpee be: \"Míenana mía viawo nyana be míawo hã míede blibo o, eye be míewɔa vodada. Míekpɔe be menye ɖeko esia na ŋutifafa le míaƒe ƒomea me o, ke ekpe ɖe ɖeviawo ŋu wosrɔ̃ ale si woati ŋutifafa yome hã.\"\nÐe viwòwo te ŋu srɔ̃a ale si woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me to ŋkuléle ɖe ale si nèwɔa nu ɖe wo ŋu ŋuti mea? Yesu xlɔ̃ nu be: \"Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.\" (Mateo 7:12) Togbɔ be ate ŋu adzɔ be nàwɔ vodadawo hã la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si nàɖe afia viwòwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi godoo. Viwòwo awɔ ɖe wò nufiamewo dzi bɔbɔe wu ne èna nufiame siawo le lɔlɔ̃ me.\nNɔ Blewu Le Dziku Me\nLododowo 19:11 gblɔ be: \"Ame ƒe nugɔmesese nana medoa dziku kabakaba o, NW.\" Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woatu nugɔmesese ma tɔgbi ɖo? David gblɔ nu si kpe ɖe woa kple srɔ̃a Mariann ŋu wote ŋu kpe ɖe wo viŋutsu kple wo vinyɔnua ŋu le go sia me be: \"Ne wodo dziku le nu si ame aɖe gblɔ alo wɔ wòve wo ŋu la, míekpena ɖe wo ŋu be woaɖe ameŋububu afia. Míebiaa nya bɔbɔe siawo tɔgbi wo: 'Nanee anya te ɖe amea dzi le ŋkekea mea? Ŋuʋãmee wòlea? Ame aɖee anya do dziku nɛa?'\" Mariann gblɔ be, \"Esia naa ɖeviawo ƒe dziku nu fana, eye woƒoa asa na susu gbegblẽwo bubu tso amea ŋu alo nyahehe kplii.\"\nNu nyui geɖe ate ŋu ado tso hehe sia nana me. Kpɔ ale si Michelle, si nye Nicole si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la dada, na kpekpeɖeŋui wòte ŋu kpɔ woa kple Gabrielle dome masɔmasɔa gbɔ wu wo nɔewo dome dzadzraɖo ko ɖa. Michelle gblɔ be: \"Mía kple Nicole míexlẽ agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu Tso Nufiala Gã La Gbɔ ƒe ta 14 lia. * Emegbe meɖe nu si Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be míatsɔ ake ame 'va se ɖe zi blaadre vɔ adre' la me nɛ. Esi meɖo to Nicole wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ vɔ la, mekpe ɖe eŋu wòse ale si gbegbe Gabrielle alé blanui eye nu ate ɖe edzii be ye xɔlɔ̃ vevi ʋu dzo le ye gbɔ yi didiƒe ʋĩ la gɔme.\"—Mateo 18:21, 22, NW.\nNugɔmesese deto si va su Nicole si ku ɖe nu si tae Gabrielle anya do dziku nenema ɖo ŋu kpe ɖe eŋu wòse nu gɔme nɛ eye esia ʋãe wòƒo ka na Gabrielle heɖe kuku nɛ. Michelle gblɔ be, \"Tso ɣemaɣi la, edzɔa dzi na Nicole be yete ŋu sea ame bubuwo ƒe seselelãmewo gɔme na wo hewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie tsɔ doa dzidzɔ na wo.\"—Filipitɔwo 2:3, 4.\nKpe ɖe viwòwo ŋu woaƒo asa na dzikudodo ɖe amewo ƒe vodada kple nugɔmemasemase na ame ta. Ðewohĩ wò hã àkpɔ dzidzɔ be viwòwo ɖea amenuveve kple dadavilɔlɔ̃ akuakua fiaa ame bubuwo.—Romatɔwo 12:10; Korintotɔwo I, 12:25.\nNa Woanya Bubu Si Tsɔtsɔke Nyena\nLododowo 19:11 gblɔ be: 'Bubu wònye, nenye be, woɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.' Esi Yesu nɔ nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me tom la, esrɔ̃ Fofoa heɖe tsɔtsɔke ƒe nɔnɔme fia. (Luka 23:34) Viwòwo ate ŋu anya bubu si tsɔtsɔke nyena ne wokpɔ ale si gbegbe wò tsɔtsɔke faa akɔ na woe dze sii.\nLe kpɔɖeŋu me, Willy si xɔ ƒe atɔ̃ la kpɔa dzidzɔ ne woa kple mamaa wole amadedewo sisim ɖe nɔnɔmetatawo me le pepa dzi. Esi wonɔ nu sia wɔm gbe ɖeka la, kasia Mama dzudzɔ ewɔwɔ, henyra ɖe Willy vevie eye wòtso dzo le egbɔ. Ete ɖe Willy dzi vevie. Willy fofo Sam gblɔ be: \"Susumedɔléle aɖe nɔ fu ɖem na Willy mama. Eya ta míezã nya bɔbɔewo tsɔ ɖe eme na Willy be wòase egɔme.\" Esi Sam ɖo ŋku edzi na Willy be yewotsɔ eƒe vodada geɖewo kee, eye be eya hã ate ŋu awɔ nenema la, nu si Willy wɔ la wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Sam gblɔ be: \"Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe mía kple srɔ̃nye míese le mía ɖokui me esime míekpɔ mía vi suea wòyi mamaa si xɔ ƒe 80 la gbɔ ɖaƒo nu nɛ kukuɖeɖetɔe helé eƒe alɔtinu gbugbɔ kplɔe va kplɔ̃a gbɔ la le susu mea?\"\nBubu wònye vavã ne ɖeviwo srɔ̃ ale si 'woahe adodo' kple amewo atsɔ ake amewo ne woda vo ɖe wo ŋu. (Kolosetɔwo 3:13) Ne amewo ɖoe koŋ wɔ dzikudonamenuwo ɖe viwòwo ŋu gɔ̃ hã la, ka ɖe edzi na wo be nuwɔwɔ tufafatɔe te ŋu wɔa dɔ ɖe ame dzi vevie, elabena \"ne ame aɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.\"—Lododowo 16:7.\nYi Edzi Nànɔ Kpekpem Ðe Viwòwo Ŋu Be Woanye Ŋutifafamewo\nNe dzilawo zãa Mawu ƒe Nya la tsɔ fiaa nu wo viwo \"le ŋutifafa me,\" eye woawo ŋutɔwo nye \"amesiwo wɔa ŋutifafa\" la, wonyea yayra na wo viwo. (Yakobo 3:18) Dzila siawo tɔgbi le wo viwo mlãm be woanya ale si woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahanye ŋutifafamewo. Esia nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le woƒe agbe me katã.\nƑewuivi etɔ̃ siwo le ŋgɔyiyi nyui wɔm le gbɔgbɔ me la le Dan kple Kathy si. Dan gblɔ be: \"Togbɔ be wo hehe le ɖevime menɔ bɔbɔe o hã la, edzɔ dzi na mí be mía viawo va zu ame ɖɔʋuwo. Wole ƒomedodo nyui me kple amewo, eye wote ŋu tsɔ kena faa ne ame aɖe do dziku na wo.\" Kathy gblɔ be, \"Esia dzɔa dzi na mí ŋutɔ, elabena ŋutifafa nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe.\"—Galatiatɔwo 5:22, 23.\nEya ta abe dzila Kristotɔwo ene la, anyo ŋutɔ be 'miagadzudzɔ' alo 'ana ɖeɖi nate mia ŋu' le nufiafia mia viwo be woanye ŋutifafamewo me o, ne edze abe ɖeviawo mele wɔwɔm ɖe nufiameawo dzi tututu le gɔmedzedzea me o ene gɔ̃ hã. Esi miele miatɔ sinua wɔm la, mika ɖe edzi be \"lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu [la] anɔ anyi kpli mi!\"—Galatiatɔwo 6:9; Korintotɔwo II, 13:11.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 6 Kpɔ nɔnɔmetata si le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe axa 75. Yehowa Ðasefowoe tae.\n^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 20]\nÐE WÒKPƆA ŊUSẼ NYUI ÐE WO DZIA?\nNyati aɖe si dɔwɔƒe aɖe si nye Media Awareness Network ta, si ƒe tanyae nye \"Nyakakamɔnuwo Dzi Modzakaɖeɖe Me Ŋutasẽnuwɔnawo\" ka nya ta be: \"Nukpɔsusu si nye be woatsɔ ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ dzena gaglã le modzakaɖeɖe siwo me amewo nɔa nu tum kple wo nɔewo le atraɖii me.\" Numekukuwo ɖee fia be television, sinema, kple Video dzi wɔnawo dometɔ 10 le alafa me koe ɖe nu gbegblẽ siwo dona tso ŋutasẽnuwɔna siawo me fia. To vovo na esia la, nyatia ɖe nu me be, \"woɖea ŋutasẽnuwɔna siawo fiana abe nu siwo ŋu naneke megblẽ le o, nu si sɔ, kple nu si wɔwɔ womate ŋu aƒo asa na o—mɔ si koŋ dzi woato akpɔ kuxiwo gbɔ—ene.\"\nÐe nèkpɔe be ehiã be yewoawɔ asitɔtrɔ le nu siwo miekpɔna le television dzi le wò aƒe me ŋua? Mègaɖe mɔ nyakakamɔnuwo dzi modzakaɖeɖe siawo nagblẽ agbagba siwo dzem nèle be yeamlã ye viwo woanye ŋutifafamewo la dome o.\n[Nɔnɔmetata si le axa 17]\nMlã viwòwo woadi be yewoadze \"ŋutifafa Mawu la\" ŋu\n[Nɔnɔmetata si le axa 18]\nDze agbagba nàɖɔ woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna gbegblẽwo ɖo\n[Nɔnɔmetata si le axa 19]\nEle be viwòwo nasrɔ̃ kukuɖeɖe kple tsɔtsɔke","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20071201\/Ml%C3%A3-Viw%C3%B2-W%C3%B2anye-%C5%8Autifafame\/","date":"2023-11-29T01:19:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100047.66\/warc\/CC-MAIN-20231129010302-20231129040302-00356.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969098568,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969098567962646}","num_words":1970,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nMarko Mena Ta O\nMARKO ŋlɔ Biblia gbalẽ ene siwo me Yesu ƒe agbemeŋutinya le la dometɔ ɖeka. Eyae nye kpuitɔ kekeake kple esi xexlẽ le bɔbɔe wu. Ame kae nye Marko? Èsusu be enya Yesua?— * Na míakpɔ dodokpɔ sesẽ siwo me Marko to, eye míakpɔ nu si na Marko yi edzi kpɔtɔ nye Kristotɔ ɖa.\nWoyɔ Marko ƒe ŋkɔ zi gbãtɔ le Biblia me esime Fia Herodes Agripa na wolé Petro de gaxɔ me. Le zã aɖe me la, mawudɔla aɖe va ɖe Petro le gaxɔa me, eye Petro dzo yi ɖe Marko dada, Maria, si nɔ Yerusalem la ƒe me enumake. Ƒe ewo le Yesu ƒe ku, le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbee woɖe Petro le gaxɔ me.—Dɔwɔwɔwo 12:1-5, 11-17.\nÈnya nu si tae Petro yi Maria ƒe me ɖoa?— Anɔ eme be enya Maria ƒe ƒomea me tɔwo, eye enya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu ɖe eƒe aƒe me. Marko nɔvi Barnaba zu Yesu ƒe nusrɔ̃la xoxoxo, ne mede ɖeke o la, tso keke ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste Ŋkekenyuia dzi ke. Woƒo nu tso ale si wònyo dɔme na nusrɔ̃la yeyewo ɣemaɣi la ŋuti le Biblia me. Eya ta anɔ eme be Yesu nya Maria kple via Marko kpakple tasiyɔvia Barnaba.—Dɔwɔwɔwo 4:36, 37; Kolosetɔwo 4:10.\nMarko ŋlɔ ɖe eƒe Nya Nyui Gbalẽa me be le zã si me wolé Yesu la, ɖekakpui aɖe si do aklalawu \"ɖeɖe ko\" la nɔ eteƒe. Marko ŋlɔe bena, esi futɔwo lé Yesu la, ɖekakpuia si. Ame kae nèsusu be ɖekakpui ma anya nye?— Ɛ̃, anya nɔ eme be Marko ŋutɔ ye! Eya ta esi Yesu kple eƒe apostoloawo do go zã ma me la, anɔ eme be Marko tsɔ awu aɖe do kpatakpata hekplɔ wo ɖo.—Marko 14:51, 52.\nLe nyateƒe me la, Marko de ha kple Mawu subɔla geɖewo eye wòkpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku geɖe siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu hã teƒe. Anɔ eme hã be enɔ eteƒe esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, eye ede ha kplikplikpli kple Mawu ƒe subɔla wɔnuteƒewo abe Petro ene. Ezɔ kple nɔvia Barnaba, si do go Saul hekpe ɖe eŋu to eɖeɖefia Petro me, esime Yesu ɖe eɖokui fia Saul le ŋutega me anɔ abe ƒe etɔ̃ lɔƒo ene megbe, hã. Le ƒe aɖewo megbe la, wodɔ Barnaba ɖe Tarso be wòaɖado go Saul le afi ma.—Dɔwɔwɔwo 9:1-15, 27; 11:22-26; 12:25; Galatiatɔwo 1:18, 19.\nEsi Paulo kple Barnaba trɔ gbɔ tso dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔa me la, woka ale si gbegbe wokpɔ dzidzedzee la ta na nusrɔ̃lawo. (Dɔwɔwɔwo 14:24-28) Le ɣleti aɖewo megbe la, woa kple eve la woɖoe be yewoagbugbɔ aɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo akpɔ le afi siwo yewogblɔ nya nyuia le tsã. Barnaba di be yewoakplɔ Marko ɖe asi, gake ènya nu si Paulo ya susua?— Eya 'mebui be esɔ o,' elabena le woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me la, Marko va gblẽ wo ɖi hetrɔ va aƒe. Nu si dzɔ kplɔe ɖo la anya na Marko nalé blanui godoo!\nPaulo kple Barnaba do dziku vevie, eye esi \"woʋli nya kpli wo nɔewo dzikutɔe\" megbe la, woklã mɔ tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi yi ɖaɖe gbeƒã le Kipro, eye Paulo ya tia Sila woyi ɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ, abe ale si woa kple Barnaba woɖoe le gɔmedzedzea me ene. Anya te ɖe Marko dzi vevie be yeƒe nuwɔnae he masɔmasɔ de Paulo kple Barnaba dome loo!—Dɔwɔwɔwo 15:36-41.\nMíenya nu si tae Marko trɔ le wo yome do ŋgɔ o. Ðewohĩ susu nyui aɖewo anya nɔ esi. Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be Barnaba ka ɖe edzi be magawɔ nenema ake o. Eye etɔ dzɔ be eka ɖe eyama dzi nenema. Elabena Marko meva trɔ le eyome o. Emegbe Marko kple Petro woɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔ dɔ le keke Babilon 1 Petro 5:13.ke. Petro ɖo eƒe gbedonamewo ɖe nusrɔ̃lawo tso keke afi ma ke hegblɔ kpee be: \"Nenema kee nye vinye Marko hã.\"—\nAle si Petro kple Marko wowɔ dɔ kplikplikpli la wɔ nuku ŋutɔ! Esia gadzena nyuie ne míele Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa xlẽm. Marko ŋlɔ nudzɔdzɔ siwo teƒe Petro ŋutɔ kpɔ la ɖe eƒe nuŋlɔɖia me. Abe kpɔɖeŋu ene la, dzro ahom si tu le Galilea Ƒua dzi la ŋuti nudzɔdzɔa me le Nya Nyui Gbalẽ vovovoawo me kpɔ. Marko ya yɔ afi si tututu Yesu mlɔ anyi ɖo kple nu si tututu dzi wòmlɔ le tɔdziʋua me. Edze ƒãa be Petro si nye tɔƒodela koe ate ŋu ade dzesi nu siawo agblɔ nɛ. Ðe manyo be mía ŋutɔwo míaxlẽ ŋutinya sia si dze le Mateo 8:24; Marko 4:37, 38; kple Luka 8:23 la atsɔ asɔ kple wo nɔewo oa?\nEmegbe esi Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, ekafu Marko le ale si wòkpe ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe ta. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Eye esi wogava de Paulo ga me le teƒe ma ke la, eŋlɔ agbalẽ na Timoteo hebia tso esi be wòakplɔ Marko vae, heɖe eme be: \"Enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔ gome.\" (2 Timoteo 4:11) Vavãe, subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ nyuiwo va su Marko si le esi mena ta o ta!\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽ na ɖevi aɖe la, fli kpui sia tɔgbiwo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.\nNyabiasewo:\n○ Afi kae Marko nɔ, eye nu ka tae nàte ŋu agblɔ be anya nya Yesu?\n○ Ame kawo koŋue kpe ɖe Marko ŋu?\n○ Nudzɔdzɔ kae ate ŋu ana Marko nana ta hafi?\n○ Alekee míewɔ nya be apostolo Paulo gava kpɔ ŋudzedze ɖe Marko ŋu?\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nAme kae ɖekakpui sia anya nye? Nu kae le dzɔdzɔm ɖe edzi, eye nu ka tae?\n[Nɔnɔmetata si le axa 26]\nYayra kawoe Marko kpɔ le esi mena ta o ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080201\/Marko-Mena-Ta-O\/","date":"2023-12-04T00:16:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100518.73\/warc\/CC-MAIN-20231203225036-20231204015036-00859.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973390102,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973390102386475}","num_words":934,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 15, 2000 Akɔfafa Hiã Geɖe Ŋutɔ! Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò Nuwo Katã Wɔwɔ Yeyee—Abe Alesi Wogblɔe Ði ene Xexeme Yeyea—Ànɔ Afimaa? Ðe Nèle Eɖem Fia Ame Bubuwo Be Yedzea? Amewo Ðeɖe le Aegea-ƒua Me Ðe Nèbua Ŋutasẽlawo Alesi Mawu Bua Woea? Èɖo Ŋku Wo Dzia? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000415\/","date":"2024-03-02T03:37:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475727.3\/warc\/CC-MAIN-20240302020802-20240302050802-00725.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994360209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994360208511353}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.109,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Meyi Edzi Ku Ðe Mawu Ƒe Nuɖusi Ŋu\n▪ Wodzi Jezreel si le Mexico la kple ŋutigbalẽŋudɔ aɖe si mebɔ o, si ƒe dome wonyina tso ame dzilawo gbɔ, si woyɔna be congenital lamellar ichthyosis. Dɔ sia na eƒe ŋutigbalẽ ƒe akpa gãtɔ ƒu ƒlatsa heɖena abe tɔmelãtsro ene. Jezreel gblɔ be: \"Esia na be amewo ƒoa asa nam, evɔ menye dɔxɔleameŋue wònye o.\"\nTso Jezreel ƒe ɖevime ke la, wowɔ atike nɛ le dɔnɔkɔdzi vovovowo. Esi wòxɔ ƒe eve la, woɖee ɖe vovo ɖe teƒe aɖe le kɔa dzi, si dɔlékui aɖeke mele o, ale be wòagaxɔ dɔ bubu aɖeke tso ame bubuwo gbɔ o. Ke hã, naneke mete ŋu na eƒe ŋutigbalẽŋudɔa ka ɖe eme o. Esi amewo gbea tete ɖe eŋu ta la, nu va te ɖe edzi ale gbegbe be eva hiã be woazã susumedɔdamɔnuwo nɛ be wòate ŋu aɖu eƒe seselelãmewo dzi.\nAme siwo susui be ame bubuwo ate ŋu axɔ Jezreel ƒe dɔa la ƒoa asa na eya amea. Esia tena ɖe edzi ŋutɔ, vevietɔ esime wònɔ ɖevime hedina be yeade ha kple ɖevi bubuwo ahafe fefe kpli wo. Egblɔ be: \"Woɖua fewu le ŋunye heyɔa megbeŋkɔwo nam be Mummy (ame kuku si wosi atike na), kple Getsoyame.\"\nLe go bubu me la, dɔléle sia si le Jezreel ŋu la naa mɔnukpɔkpɔwo sua esi wòƒoa nu tso eƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi la ŋu na amewo. Ame aɖewo tena ɖe eŋu hebianɛ be dzoe fiãe mahã. Ne eɖo eŋu be ao la, wobianɛ be ekema nu ka gbɔe wòtso be eƒe ŋutigbalẽ le alea mahã. Eɖea nu si gbɔ eƒe ŋutigbalẽŋudɔa tso la me na wo hegblɔna na wo be atike aɖeke meli egbea si daa dɔ sia o.\nEmegbe egblɔna be, \"Mɔkpɔkpɔ nyuitɔ kekeake le asinye elabena Yehowa Mawu do ŋugbe be ame siwo katã awɔ yeƒe sewo dzi la ava nɔ agbe le xexe yeye si me woavo tso dɔléle kple vevesese me la me.\" (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nuƒoƒo tso dɔlélea ŋu alea na be Jezreel te ŋu dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple amewo, eye dzi dzɔe esi wòkpɔe be ame siawo dometɔ aɖewo va zu ye hati Mawu subɔlawo.\nJezreel gblɔ be: \"Edzɔa dzi nam ŋutɔ be wodzim ɖe Kristotɔwo ƒe ƒome me, eye abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene la, xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le asinye. Eye wo dometɔ aɖeke meƒoa asa nam le ale si nye ŋutigbalẽ le ta o. Wonyrɔm ɖe tsi me mezu Yehowa Ðasefowo esi mexɔ ƒe 17, eye tso ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ geɖewo su asinye le mía Wɔla la subɔsubɔ me ƒe 14 nye esia.\"\nJezreel ƒe susu nɔa Yehowa ƒe nya fakɔname siwo dze le Yesaya 41:10, 13 la dzi, si gblɔ be: 'Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò. Elabena nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.'\nKuku ɖe Yehowa ƒe xɔname ƒe nuɖusi ŋu kpe ɖe Jezreel ŋu be mebua eƒe dɔlélea ŋu fũu akpa o, eye wòtea ŋu nɔa te ɖe kuxi siwo katã dɔléle sia hena vaa edzi la nu. Jezreel hã le ame miliɔn bubu geɖe siwo le mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo me vava la dome.—g09 09-E.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Meyi-Edzi-Ku-%C3%90e-Mawu-%C6%91e-Nu%C9%96usi-%C5%8Au\/","date":"2024-02-28T20:03:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474744.31\/warc\/CC-MAIN-20240228175828-20240228205828-00682.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981998801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981998801231384}","num_words":536,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"EƲE LODODOWO AKPA 1\n1. Aba blave vuvu menye aba ade yeyewo gbɔ nu o.\n2. Aba vuvu media nya na ame o.\n3. Abakpui menɔa ame si wodɔa akɔlɔ̃e o.\n4. Abawa dzeɣe kple ɖokutsu mesea abaléle o.\n5. Abɔ be ŋutsu medoa ɣli le xɔ me o.\n6. Abɔ mekpena wu ata o.\n7. Abɔbɔ be ne ye ɖeka tae la anye ne tu maɖi le ave me o.\n8. Abɔbɔ metsona eƒe go nɔa anyi o.\n9. Abi kugagbɔ afɔe wòlãna.\n10. Abitɔ abi vena, siamea ŋlɔ be.\n11. Abitɔ abi vena.\n12. Abladzĩ be zãmu ƒuna, ʋu meƒuna o.\n13. Abladzo be ne yele flu me hã, yemeŋlɔa aƒetɔ si do ye la be o.\n14. Abladzo be ne yemetse ƒe sia ƒe hã o la, yeatse zi ɖeka le ƒe eve me godoo.\n15. Abladzo be yemetsena gatsena ake o.\n16. Ablɔmetikpodzinyawo katã menye nya o.\n17. Ableyi be alɔtsinu sesẽe yewotsɔ le ahoyoa nue.\n[Ahoyoa fia ƒutsia.]\n18. Abui meŋɔa fiáti o.\n19. Abui yomee ka nɔna.\n20. Adɔ be yedze aye ŋutɔ, gake azã vuvu koe ƒoe.\n21. Ade ɖitsa kple lã ɖitsae doa go.\n22. Adekplɔvi menɔa adela ŋgɔ o.\n23. Adekplɔvi menɔa ŋgɔ na adela o.\n24. Adela ƒe ŋkɔ mevɔna le adelã ŋu o.\n25. Adela megblɔa adegbenyawo vɔna o.\n26. Adoglo be gege tsɔ wu ɖiɖi.\n27. Adoglo be xexeme nu gãe eya ta ne yenye mia yeɖoa ɣia enu; xexeme mele ɖeka o.\n[Nenye be adoglo ɖu dzoka alo fɔ̃yi hã la, ne enye mi la, edze be ɣia nanɔ enu godoo. Esia ŋue Eʋeawo lé ŋku ɖo hekpa lododo sia. Le nyateƒe me la, xexeme mele ɖeka o. Egbe àkpɔ keklẽ nyuie, etsɔ ko viviti nado ɖe wò agbemɔwo katã dzi. Nenema ke mɔkpɔkpɔ li na ame siwo katã xexeme mekɔna na gbeɖe o la be woawo hã ava kpɔ ɣedzedze etsɔ godoo.]\n28. Adoglo be, mɔtonɔlae dzea si eƒe futɔ.\n29. Adogloe gblɔ na nɔvia xɔmenyatri be fewunuwɔla fenyilae.\n[Fewunuwɔla nye ame si wɔa nu alo ƒlea nu wu fe si wòate ŋu axe.]\n30. Adoglotsu be \"Nyɔnuwoe!\"\n[Ame aɖewo tsɔ adoglotsu ƒe nuwɔna sia abe heheɖoɖo ɖe srɔ̃a ta ene, elabena zi geɖe la, ne ekplɔ srɔ̃a ɖo wòle gbegbem lae wòtɔna nɔa ta dom ɖe dzi ɖe eŋu. Esia le fiafiam be, ame aɖeke megatsɔ ɖeke le nyɔnuwo ƒe nya me o. Hoho koe woawo dona dzodzro, eye ame sia ame si léa woƒe nya vevie la le lãmevee dom na eɖokui dzodzro. Nu si gbem wobe yewole la, eya boŋue le dzi dzɔm na wo hafi.]\n31. Adoglotsu be ɛ̃ koe vɔa nya.\n[Ne adoglo li la, ɣesiaɣi enɔa ta lɔ̃m. Esiae le nu xlɔ̃m amegbetɔ be wòatsri nyawɔwɔ. Nyatsɔke menye hotsɔke o.]\n32. Adzadzãƒoti la gbe ŋuti wòŋena ɖo.\n33. Adzahilãkpɔtɔ medoa kpo agoo maɖe o.\n34. Adzɔ̃e be ne yedze ɖe xa dzi la, yemenya ƒona o.\n35. Adzofu di aha ʋuu hã, amatsi woku nɛ.\n36. Aɖa sɔ ta hã mɔ le eme.\n37. Aɖɔkɔ segbe mesea adagana o.\n38. Aɖiba vivi ati mevɔna le egɔme o.\n39. Aɖiba vivi ati mevɔna le ete o.\n40. Aɖiɖi be ha me yewonɔna kɔa abɔta wòdea dzi.\n[Nenye be abɔ ku la, aɖiɖiwo ƒoa ƒu ɖe eƒe ata si lolo fũu wu wo la ŋu, kɔnɛ yia dzi toa mɔxenuwo katã ta yia do me. Esia manya wɔ na aɖiɖi ɖeka alo eve o. Esia wokpɔ kpa nya sia ɖe enu. Enye nuxlɔ̃ame be ŋusẽ le ɖekawɔwɔ me.]\n41. Aɖiɖi be vivivi koe wòdea do gbɔ.\n[Zi geɖe la, aɖiɖi fɔa nuɖuɖu kukluiwo vivivi eye wòzɔna blewuu kɔnɛ yia eƒe do me. Esia ŋu wolé ŋku ɖo kpa nya sia. Esia nye dzideƒo be ame sia ame nanɔ etɔ via dzi ko.]\n42. Aɖitsi be nyakpekpe ƒe seƒoƒo nyinyi menye ŋɔkunɔnu aɖeke o, ke boŋ yewo xe adɔlegbewo ƒe nue.\n[Zi geɖe ne nyakpeti ƒo se la, tsi vivi ŋanaŋana aɖe nɔa seƒoƒoa me le keke eƒe gɔme ke. Nyakpe ƒe seƒoƒo sia didina henɔna abe ga si woƒona ene. Ne ŋu ke ŋdi eye aɖitsi si nye xe si ƒe dɔ didi hedzɔ kã la ƒo dɔ sia ɖe gɔme ke na seƒoƒo sia, noe nyuie heɖi ƒo la, edzona kple dzidzɔ ɖua ɣe hekoa nu le yame. Nu sia nye nuɖiaɖia na xe dɔkpui, dɔgobawo, eye wozɔna ɖe aɖitsi dzi be yewoaƒoe. Esia ŋue wokpɔ kpa nya sia ɖo. Enye nufiame le ŋuʋaʋã ŋu. Medze be míaʋã ŋu mía nɔvi ƒe dzidzedzekpɔkpɔ o. Ame sia ame kple etɔe. Míawo hã mía tɔ li kokoko.]\n43. Aɖu ko nu, dɔ me le vo.\n44. Aɖuɖɔ metoa ame woɖea ta wòfana o.\n45. Afɔ baɖa koe dzroa ba ɖe dzɔdzɔea ŋu.\n46. Afɔ be, megbe, ŋgɔgbe, megbe, ŋgɔgbee nye azɔli.\n47. Afɔ gɔglɔ̃e faa mí sina ɖe dzɔdzɔea ŋu.\n48. Afɔ gɔglɔ̃e ƒoa ba nyuitɔ.\n49. Afɔ klinu menye fi o.\n50. Afɔ meyia nugbe agogo tsia aƒe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/e%CA%8Be-lododowoakpa-1\/","date":"2024-03-05T13:11:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00619.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997335434,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973354339599609}","num_words":776,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 15, 2000 Nukatae Wòle Be Nàɖu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ Dzi? Agbe Deblibo—Menye Drɔ̃e aɖe Koe Wònye O! Ameɖeɖe Le Robinson Crusoe Ƒukpo dzi Mide Bubu Amesiwo Woɖo Mia Nu ŋu \"Mi Katã La Nɔviwo Mienye\" Wode Dzi Ƒo Na Gilead Ƒe Klass 108 Lia Be Woawɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Ðe Nèxɔa Nusi Mèkpɔna O Dzi Senaa? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000615\/","date":"2024-04-21T11:59:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817765.59\/warc\/CC-MAIN-20240421101951-20240421131951-00007.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975804687,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975804686546326}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nye Yehowa Xɔlɔ̃ Videowo Videowo Hadzidziwo Hadzidziwo Dɔdeasiwo Dɔdeasiwo Milé Psalmo 83:19 Ðe Susu Me De ama nɔnɔmetataa eye nàɖo ŋku mawunyakpukpui ɖeka dzi. Wɔ Eƒe Kɔpi Kpɔ Esia Hã NYE YEHOWA XƆLƆ̃ Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha (Hadzidzi 132) Srɔ̃ Mose kple Israel-viwo to ha sia dzidzi atsɔ akafu Yehowa me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/activities\/mil%C3%A9-psalmo-83-19-%C9%96e-susu-me\/","date":"2017-12-18T03:15:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00455.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994553924,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994553923606873}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Midzi Ha Na Yehowa—Ha Yeyewo\nSe vivi na ha yeye siawo siwo wokpa be míatsɔ akafu Yehowa Mawu ahasubɔe. Wɔ haƒoƒoa kple hagbeawo ƒe kɔpi, eye nàsrɔ̃ ha vivi siawo.\nWokpa ha ʋãme sia be woatsɔ akafu Yehowa Mawu ɖe eƒe Fiaɖuƒe si ƒe Fiae nye Kristo Yesu la ta.\nWɔ ɖeka kpli mí míaƒo koko na Yehowa Mawu be wòana dzi nanɔ mía ƒo míaɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ kple dzideƒo.\nKafu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la eye na amewo katã nanya be eyae nye Dziƒoʋĩtɔ la.\nKukuɖeɖe na Yehowa Mawu be wòakpɔ nusrɔ̃la yeyewo ta ahakpe ɖe wo ŋu woado dzi nuteƒewɔwɔtɔe le agbedu la ƒuƒu me.\nHadzidzi sia ana nàgblɔ ale si gbegbe nèlɔ̃ Yehowa kple dzidzɔ si kpɔm nèle le dɔ vevi si wɔm nèle nɛ me.\nHa tuameɖo dodzidzɔname sia ku ɖe ale si míelɔ̃ amewo hedia Mawu ƒe alẽ xɔasiawo vevie la ŋu.\nDzi ha sia si ku ɖe Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ kple ale si míakpe ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu woava zu Mawu xɔlɔ̃ la ŋu.\nMíaƒe gbedeasi la nye kekeli gã aɖe.\nEle be míagblɔ agbenya si tso Mawu gbɔ la na amewo, elabe ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.\nEle bɔbɔe be kuvia naɖo mí, gake ne míeku kutri hedo gbe ɖa la, ŋusẽ aɖo mía ŋu míayi gbeadzi.\nYesu bua kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wona nɔvia amesiaminawo kple lɔlɔ̃ si woɖe fia wo la be yee wowɔe na.\nYehowa lɔ̃ eƒe amesiaminawo vevie, eye woawo hã wolɔ̃e hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu.\nDa akpe na Yehowa ɖe eƒe nunana gãtɔ kekeake si na mɔkpɔkpɔ ameƒomea la ta.\nAle si Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔe la nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake si ta míada akpe na Yehowa tegbee.\nGblɔ ale si nàlɔ̃ faa atsɔ dzidzɔ asubɔ Yehowa le afi sia afi si hiahiã le.\nMíele mɔ kpɔm vevie na gbe si gbe Yehowa akplɔ Kristo nɔviwo ayi dziƒo be woawɔ ɖeka kple Yesu awɔ aʋa ahaɖu dzi.\nNe agbemedzimaɖitsitsiwo na vɔvɔ̃ ɖo mí la, Mawu ate ŋu anye míaƒe ŋusẽ kple míaƒe mɔkpɔkpɔ kpakple ame si ŋu míaɖo ŋu ɖo.\nÐe dzi medzɔa wò ne èwɔ tɔwò sinua di ame siwo dze la oa?\nHa sia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me ahasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe nuwuwu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-na-yehowa-ha-yeyewo\/","date":"2017-12-12T01:00:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972248673,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972248673439026}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Menye ɖeko Yesu tea ŋu daa dɔ na dɔnɔwo alo fɔa ame kukuwo ɖe tsitre o, ke boŋ ete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ya kple tsidzadza hã dzi. Esi Yesu do gbe ɖa le to aɖe dzi vɔ megbe la, ekpɔ be ahom sesẽ aɖe nɔ tutum le Galilea-ƒua dzi. Eƒe apostoloawo nɔ woƒe tɔdziʋua me nɔ agbagba dzem be yewoaku ʋua ato ahom la me. Yesu ɖi le toa dzi eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta tɔdziʋua gbɔ. Esi apostoloawo kpɔ ame aɖe wòzɔ tsia dzi gbɔna la, wovɔ̃. Gake Yesu gblɔ na wo be: 'Nyee. Migavɔ̃ o.'\nPetro gblɔ be: 'Aƒetɔ, nenye wòe nyateƒe la, ekema na mava gbɔwò.' Yesu gblɔ na Petro be: 'Va gbɔnye.' Eya ta esi ahom la nɔ tutum sesĩe la, Petro ɖi le tɔdziʋua me eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Gake esi wònɔ tetem ɖe Yesu ŋu la, Petro kpɔ ahom la, eye wòvɔ̃. Ekpɔ be yenɔ to yim. Petro do ɣli be: 'Aƒetɔ xɔ nam!' Yesu lé eƒe asi eye wògblɔ nɛ be: 'Nu ka tae nèke ɖi? Afi kae wò xɔse la le?'\nYesu kple Petro ge ɖe tɔdziʋua me eye enumake ahom la tɔ te. Bu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Wogblɔ be: \"Mawu Vie nènye vavã!\"\nMenye zi ɖeka sia koe Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme dzi o. Ɣebubuɣi esi Yesu kple apostoloawo ku tɔdziʋu yina ƒua ƒe go kemɛ dzi la, Yesu mlɔ anyi ɖe tɔdziʋua me le megbe lɔƒo. Esi wònɔ alɔ̃ dɔm la, ahom nɔ tutum sesĩe le atsiaƒua dzi. Ƒutsotsoeawo nɔ gegem ɖe tɔdziʋua me, eye tsi yɔ ʋua me. Apostoloawo do ɣli nyɔ Yesu gblɔ be: 'Nufiala, míele kuku ge! Xɔ na mí!' Yesu fɔ eye wògblɔ na atsiaƒua be: \"Zi ɖoɖoe!\" Enumake yaƒoƒoa tɔ eye atsiaƒua dze akɔ anyi. Yesu bia apostoloawo be: 'Afi kae miaƒe xɔse la le?' Wogblɔ na wo nɔewo be: \"Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.\" Apostoloawo kpɔe be ne yewoɖo ŋu ɖe Yesu ŋu bliboe la, ke mehiã be yewoavɔ̃ na naneke o.\n\"Afi kae manɔ ne ɖe xɔse mele asinye be makpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o?\"—Psalmo 27:13","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/yesu-z%C9%94-atsia%C6%92u-dzi\/","date":"2017-12-15T22:24:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948579567.73\/warc\/CC-MAIN-20171215211734-20171215233734-00277.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985172153,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985172152519226}","num_words":366,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Naomi Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Naomi, ame si kpe ɖe lɔ̃xoyɔvia Rut ŋu la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Naomi Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Naomi Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502015181\/univ\/art\/502015181_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/naomi\/","date":"2017-12-16T09:41:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948587496.62\/warc\/CC-MAIN-20171216084601-20171216110601-00199.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980876446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980876445770264}","num_words":110,"character_repetition_ratio":0.121,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.173,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ABE ale si agbledela ɖe sia ɖe nyae ene la, ele be woawu nukuwo le anyigba nyuitɔ dzi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi hafi woate ŋu awɔ nyuie. Togbɔ be ewɔ nuku hã la, nukuwuwudɔ siwo ɖea vi wu la dometɔ ɖeka yia edzi le ave dodo me le zã me, eye yamee nukuwulawo nɔna hafi wua nukuawo. Yamenukuwula siawoe nye agutɔ siwo ɖua atikutsetsewo. *\nNukuawo Wuwu\nAgutɔ akpa gãtɔ dzona le ave dodowo me le zã me henɔa ati siwo ƒe kutsetsewo vivina alo seƒoƒo siwo me seƒoƒometsiwo sɔa gbɔ ɖo taŋtaŋ la dim. Ne agutɔa le dzodzom la, enɔa atikutsetseawo ɖum eye wòtua esiwo mete ŋu ɖu o kple atikuawo ɖe aveawo me. Eye ne ele seƒoƒometsi siwo vivia enu ŋutɔ nom la, ekakaa seƒoƒoŋuwɔwo ɖe seƒoƒoawo ŋu si nana be wotsena.\nAgutɔ aɖewo dzona yia keke didiƒe ʋĩ ke le zã me, si wɔnɛ be wowua nukuwo yia didiƒe ʋĩ. Esi wònye be nu siwo agutɔwo ɖuna dometɔ aɖewo tuna le woƒe dɔgbowo me hafi doa go ta la, wozua \"anyigbanyronu\" siwo nana nukuwo wɔna nyuie. Mewɔ nuku o be ati siwo le ave dodowo me la dometɔ gbogbo aɖewo hiã seƒoƒoŋuwɔ siwo agut��wo kakana ɖe woƒe seƒoƒowo ŋu la vevie hafi woate ŋu atse.\nEsi wònye be agutɔwo yia didiƒe ʋĩ ta la, ele be mɔwo kpɔkpɔ dze sii kple nukpɔkpɔ ƒe ŋutete tɔxɛ nanɔ wo si hafi womabu o. Ne xexea me mekɔ tututu o la, wokpɔa nu wu amegbetɔwo. Woate ŋu akpɔ amadede aɖewo adze sii gɔ̃ hã. Wolɔ̃a dzodzo le zã me kple ŋkeke me siaa.\nWoƒe Ƒomegbenɔnɔ\nLe agutɔ siwo ɖua atikutsetse gome la, agutɔtsua kple agutɔnɔa meɖena ɖa le wo nɔewo ŋu o le woƒe agbe me katã. Wode dzesii le wo dometɔ aɖewo ŋu be agutɔnɔa léa be na viawo nyuie hekɔa wo kwasiɖa ʋɛ aɖewo eye wònaa no wo ʋuu va se ɖe esime wotsi keŋkeŋ kloe. Le agutɔ siawo ƒomevi eve aɖewo ya gome la, agutɔnɔa tea ŋu xɔa \"vixela\" gɔ̃ hã wòkpena ɖe eŋu le via dzidzi me.\nNublanuitɔe la, agutɔ geɖewo ɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe agbo nu, eye nu siwo gbɔ esia tso la dometɔ aɖee nye ale si wole wo nɔƒewo dome gblẽmee. Le Anyiehe Pasifik ƒe ƒukpo aɖewo dzi la, agutɔ siawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖa anye afɔku gã aɖe, elabe ati siwo le afi mawo dometɔ aɖewo hiã agutɔwo ƒe kpekpeɖeŋu vevie hafi woate ŋu atse. Edze ƒãa be mele be míabu yamenukuwula siawo ƒe dɔa nu tsɛ gbeɖe o.\n^ mm. 2 Agutɔ siawo le Afrika, Asia, Australia kple Pasifik Ƒukpo aɖewo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201410\/agut%C9%94-ave-dodowo-yamenukuwulawo\/","date":"2017-12-13T15:01:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948527279.33\/warc\/CC-MAIN-20171213143307-20171213163307-00713.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994112253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994112253189087}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nNyɔnyrɔxɔxɔ fia be woade ame tsi me wòabu ɖe tsia me eye woagafɔe tso tsia me. * Esia tae wonyrɔ Yesu ɖe tɔsisi me ɖo. (Mateo 3:\nGɔmesese si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu\nBiblia tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ sɔ kple ame ɖiɖi. (Romatɔwo 6:4; Kolosetɔwo 2:12) Ne wonyrɔ ame aɖe ɖe tsi me la, efia be amea ku le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ gome eye wòdze agbe yeye gɔme abe Kristotɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu ene. Nyɔnyrɔxɔxɔ kple afɔɖeɖe siwo doa ŋgɔ nɛ la nye ɖoɖo siwo Mawu wɔ be dzitsinya nyui nasu ame siwo xɔ Yesu Kristo ƒe vɔsa dzi se la si. (1 Petro 3:21) Eya ta Yesu fia nu eyomedzelawo be ele be woaxɔ nyɔnyrɔ.\nÐe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me klɔa ame ƒe nu vɔ̃wo ɖa?\nAo. Biblia fia nu be Yesu ƒe ʋu koe ate ŋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa. (Romatɔwo 5:\nNu kae nye mawutsideta?\nNya mawutsideta medze le Biblia me le gbegbɔgblɔ gbãtɔ me o. Enye wɔna aɖe si me wodea tsi ta na vidzĩ le (wowua tsi ɖe eƒe ta dzi loo alo kɔa tsi ɖe ta me nɛ) hetsɔa ŋkɔ nɛ.\nÐe Biblia fia nu be woana nyɔnyrɔ vidzĩwoa?\nAo. Ame siwo tsi ase \"Mawu Fiaɖuƒe . . . ŋuti nya nyuia\" gɔme ahaxɔ edzi se la koe ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔwo. (Dɔwɔwɔwo 8:12) Esia do ƒome kple Mawu ƒe nyaa sese, edzi wɔwɔ kple dzimetɔtrɔ\nAzɔ hã, Biblia na míenya be Mawu bua Kristotɔwo ƒe vi siwo metsi haɖe o be wole kɔkɔe le esi wo dzilawo wɔa nuteƒe na Mawu ta. (1 Korintotɔwo 7:14) Ne ɖe wòsɔ be woana nyɔnyrɔ vidzĩwo la, magahiã be woabu wo be wole kɔkɔe le ame aɖe ƒe nuteƒewɔwɔ ta o. *\nSusu totro siwo le amewo si ku ɖe Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu\nNyateƒea: Menye nyɔnyrɔxɔxɔ ŋue Yesu nɔ ƒom tsoe hafi gblɔ nya mawo o. Nu si koŋ eƒe nyawo fiae nye be ele be ame siwo adze na Mawu Fiaɖuƒea la nanɔ abe ɖevi suewo ene\n^ mm. 3 Helagbe me nya si me woɖe nya \"nyɔnyrɔxɔxɔ\" tsoe la fia be \"woade nane tsi me.\" Kpɔ nyagɔmeɖegbalẽ si nye Theological Dictionary of the New Testament, Babla I, axa 529.\n^ mm. 12 Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, \"nyɔnyrɔnana vidzĩwo ƒe nya aɖeke medze le Nubabla Yeyea me o.\" Egblɔ hã be \"susu totro si le amewo si ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu,\" si nye be eklɔa nu vɔ̃ le ame ŋu, koŋue na wova dze nyɔnyrɔnana vidzĩwo.\n^ mm. 15 Wogblɔ le Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe ƒe tanya si nye \"Nya Si Biblia Gblɔ Tso Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu\" te be: \"Edze ƒãa be le Sɔlemeha gbãtɔ me la, menye ɖe wode tsi ta na amewo o, ɖe wonyrɔ wo ɖe tsi me boŋ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nu-kae-nye-ny%C9%94nyr%C9%94x%C9%94x%C9%94\/","date":"2017-12-17T20:18:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948597485.94\/warc\/CC-MAIN-20171217191117-20171217213117-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971812367,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997181236743927}","num_words":445,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Biblia nye mawusubɔsubɔgbalẽ si ame geɖe nya. Ke hã dutagbalẽe wònye eye mesɔ na Chinatɔwo o.\"—LIN, SI LE CHINA.\n\"Nyemetea ŋu sea mí Hindutɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔewo gɔme gɔ̃ hã o. Ke aleke mawɔ ase Biblia Kɔkɔe la gɔme?\"—AMIT, SI LE INDIA.\n\"Medea bubu Biblia ŋu elabena enye agbalẽ si tsi ŋutɔ, eye mese be eyae nye agbalẽ si woƒlena wu ɖe sia ɖe. Gake nye ŋutɔ nyemekpɔ ɖeke kple ŋku kpɔ o.\"—YUMIKO, SI LE JAPAN.\nAme geɖe dea asixɔxɔ Biblia ŋu ŋutɔ le xexea me godoo. Ke hã ne wonya nane tso emenyawo ŋu gɔ̃ hã la, menyea nu boo aɖeke o. Aleae wòle le Asiatɔ miliɔn geɖe gome. Gake menye woawo ɖeɖe koe o. Dukɔ siwo me Biblia bɔ ɖo la me tɔ geɖewo hã menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o.\nGake ɖewohĩ àbia be, 'Nu ka tae wòle vevie be mase Biblia gɔme?' Nu si tae nye be, agbalẽ kɔkɔe sia me nyawo gɔme sese ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be:\nNàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme\nNàkpɔ wò ƒomekuxiwo gbɔ\nNàɖu dzimaɖitsitsi dzi\nWò kple amewo dome nanɔ nyuie\nNàzã wò ga le mɔ nyuitɔ nu\nBu Yoshiko, si nye nyɔnu aɖe si le Japan, ŋu kpɔ. Esi wòdi be yeanya nya si le Biblia me ta la, eɖoe koŋ xlẽe. Viɖe kae wòkpɔ? Egblɔ be: \"Biblia kpe ɖe ŋunye menya tameɖoɖo si le agbea ŋu eye wòna mɔkpɔkpɔ su asinye.\" Egblɔ kpee be: \"Nyemeganye mɔkpɔkpɔmanɔsitɔ azɔ o.\" Ŋutsu si ŋkɔe nye Amit, si ƒe nya dze le etame la ɖoe eɖokui dzi dzro Biblia me eye wògblɔ be: \"Esi mekpɔe be aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi na ame sia amee le Biblia me la, nye nu ku.\"\nBiblia le vi ɖem na ame miliɔn geɖe egbea le mɔ geɖe nu. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàdzro eme be nàkpɔ ale si wòate ŋu aɖe vi na wòe oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151201\/biblia-la-g%C9%94me-sese\/","date":"2017-12-12T00:55:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514238.17\/warc\/CC-MAIN-20171212002021-20171212022021-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990912676,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990912675857544}","num_words":312,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 5, 2014\nXEXEA ME KATÃ\nAmegbetɔ ƒe gomenɔamesi ŋuti nunyalawo ƒo nu tso ale si asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta wɔ va zu amegbetɔ ƒe gomenɔamesi le Europa la ŋu.\nAƒetɔ Nils Muiznieks, si nye Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesi ƒe Adaŋudeha si woɖo be wòakpɔ egbɔ be wode bubu amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu le Europa-dukɔwo me la ƒe amegã.\nAƒetɔ Richard Clayton QC nye Britain-dukɔa ƒe teƒenɔla le Venice Aɖaŋuɖoha me. Venice Aɖaŋuɖoha nye Europa ƒe Adaŋudeha si ɖoa aɖaŋu tso nya siwo ku ɖe dukplɔsewo ŋu.\nSe gbebiame wɔdɔɖeamedzi sia me nya vevi aɖewo ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/xexea-me\/asrafod%C9%94gbegbe-le-dzitsinya-ta-video\/","date":"2017-12-11T23:08:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514113.3\/warc\/CC-MAIN-20171211222541-20171212002541-00009.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991508722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991508722305298}","num_words":94,"character_repetition_ratio":0.109,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.319,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAgbe nye nu kɔkɔe le Mawu ŋkume, eye ebua fugboe kura gɔ̃ hã be enye ame gbagbe. Gbɔgbɔ ʋã Fia David wògblɔ tso Mawu ŋu be: \"\nEsi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm.\" (Psalmo 139:16) Mawu gblɔ be woabia hlɔ̃ ame si wɔ nu vevi vi nɔdɔme. Esia fia be ebua vi si womedzi haɖe o ƒe agbe ɖeɖe ɖa be enye amewuwu.—2 Mose 20:13; 21:22, 23.\nKe ne nɔnɔme sesẽ aɖe va do mo ɖa le vidziɣi, si na vidzĩa kple dadaa siaa ƒe agbe ɖo afɔku me, eye wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ko woate ŋu aɖe ya ɖe? Le go sia me la, srɔ̃tɔawo atso nya me le wo dometɔ si ƒe agbe ta woakpɔ ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/fu%C9%96e%C9%96e-biblia\/","date":"2018-01-21T02:11:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889798.67\/warc\/CC-MAIN-20180121001412-20180121021412-00663.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992190003,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992190003395081}","num_words":120,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.285,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Yehowa Mawu kpɔa dzidzɔ\nNe míelɔ̃ mía nɔewo vevie,\n'Labe lɔlɔ̃e nye Mawu ƒe\nNɔnɔme vevitɔ.\nMíalɔ̃ mía nɔviwo vevie,\nAku ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.\nLɔlɔ̃ vavã si tso dzi me\nMíaɖe fia gbe sia gbe.\nDɔmenyotɔwo míanye,\nAkpe ɖe nɔvi'o ŋu le hiãɣi.\nXɔlɔ̃ vavãwo míanye,\nAse nu gɔme na wo.\nYesu srɔ̃ Yehowa bliboe,\nÐe lɔlɔ̃ fia nu sia nu me.\nEɖo kpɔɖeŋu nyui na mí.\nMíasrɔ̃ Ma'u ƒe lɔlɔ̃ la,\nAlɔ̃ mía nɔewo vevie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/109-mil%C9%94%CC%83-mia-n%C9%94ewo-vevie-tso-dzi-me-ke\/","date":"2018-01-18T08:51:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00099.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995857954,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958579540252686}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.156,"flagged_words_ratio":0.013,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nCuba\nAve. 15 #4608 e\/ 46 y 48\nPLAYA, LA HABANA\nCUBA\n+53 7 204 7598\n+53 7 204 1026\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8:00 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ ga 1:00 va se ɖe ɣetrɔ 5:00.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/cuba\/","date":"2018-01-18T08:51:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00099.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992876649,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992876648902893}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.342,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Ester Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Ester ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Ester Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Ester Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012397\/univ\/art\/502012397_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/ester\/","date":"2018-02-19T02:36:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812306.16\/warc\/CC-MAIN-20180219012716-20180219032716-00364.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988203049,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988203048706055}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.14,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Nu ka tae wòle vevie be míadzra ɖo ɖe afɔku siwo ate ŋu adzɔ ŋu?\nMawunyakpukpui: Lod 27:12\nNya Si Nàgblɔ: Magazine sia ƒo nu tso nu si wòle be míawɔ hafi afɔku aɖe nadzɔ, le afɔkua dzɔɣi kple ne wòdzɔ vɔ megbe ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu?\nMawunyakpukpui: 1Yh 5:3\nNyateƒea: Míewɔa esia ne míeléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi.\nÐE AME KUKUWO AGAVA NƆ AGBE AKEA? (T-35)\nNyabiase: Le xexea me godoo la, ame geɖe ɖua azãwo tsɔ dea bubu kukuawo ŋu. Ðe míagate ŋu ava kpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?\nMawunyakpukpui: Dw 24:15\nNya Si Nàgblɔ: Trakt sia ƒo nu tso vi si tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa aɖe na wò la ŋu. [Ne anya wɔ la ɖe video si nye Ðe Mɔkpɔkpɔ Aɖe Li Na Ame Siwo Kua? nɛ.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2018-02-23T16:01:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814801.45\/warc\/CC-MAIN-20180223154626-20180223174626-00618.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9957008958,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9957008957862854}","num_words":157,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.166,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AME miliɔn geɖe bua atitsoga nu vevii eye wodea bubu eŋu. Numekugbalẽ si nye The Encyclopædia Britannica yɔ atitsoga be \"Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ me dzesidenu vevitɔ.\" Ke hã, Kristotɔ vavãwo ya mezãna atitsoga le tadedeagu me o. Nukatae?\nSusu vevi ɖekae nye be menye atitsoga ŋue Yesu Kristo ku ɖo o. Helagbe me nya si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be \"atitsoga\" lae nye stau·ros′. Nusi wòfia koŋ enye \"kpɔtɔti alo ati dzɔdzɔe.\" The Companion Bible gblɔ be: \"[Stau·ros′] mefia ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo me kpɔ gbeɖe o . . . Naneke mele [Nubabla Yeye me] Helagbea me si ana ame ƒe susu nayi ati eve dzi kura gɔ̃ hã o.\"\nBiblia-ŋlɔla geɖe zã nya bubu tsɔ ƒo nu tso nusi ŋuti Yesu ku ɖo ŋu. Eyae nye Helagbe me nya xy′lon. (Dɔwɔwɔwo 5:30; 10:39; 13:29; Galatiatɔwo 3:13; Petro I, 2:24) Nusi nya sia fia koe nye \"xɔtuti\" alo \"ati lɛ aɖe, kpo, alo ati.\"\nEsi agbalẽ si nye Das Kreuz und die Kreuzigung (Atitsoga Kple Ame Kaklã ɖe Atitsoga Ŋu), si Hermann Fulda ŋlɔ, nɔ nu me ɖem tso nusitae wolɔ̃a amewo kaklã ɖe ati ɖeka ko ŋu la, egblɔ be: \"Atiwo mebɔ ɖe teƒe siwo wotia be woanɔ amewo wum le o. Eyata ati ɖeka koe woɖina ɖe tome. Esia ŋue woblana alo tsɔa gatagbadzɛ klãna sedzimawɔlawo ƒe asi siwo wohe ɖo ɖe dzi, kple zi geɖe woƒe afɔwo hã, ɖo.\"\nGake Mawu ƒe Nya la mee míakpɔ nya sia ŋuti kpeɖodzi gãtɔ kekeake le. Apostolo Paulo gblɔ be: \"Kristo xe fe ɖe mía ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: 'Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la.'\" (Galatiatɔwo 3:13) Mose V, 21:22, 23 me nyawoe Paulo yɔ le afisia, eye ati ŋue woƒo nu tsoe le afima, menye atitsoga o. Esi wònye ku sia ƒomevi naa amea nyea 'fiƒodeme' ta la, masɔ be Kristotɔwo natsɔ Kristo si woklã ɖe ati ŋu la ƒe nɔnɔmetatawo aɖo atsyɔ̃ na woƒe xɔwo me o.\nKpeɖodzi aɖeke meli si fia be amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ aɖe zã atitsoga le tadedeagu me le ƒe 300 siwo kplɔ Kristo ƒe ku ɖo me o. Gake le ƒe alafa enelia me la, Fiagã trɔ̃subɔla Konstantino va wɔ ɖeka kple Kristotɔ xɔsegbelawo, eye wòde dzi ƒo na amewo be woazã atitsoga la abe dzesi ene. Susu ka kee ɖanɔ Konstantino si o, atitsoga la menye Yesu Kristo ƒe ŋutinya ƒe akpa aɖeke o. Le nyateƒe me la, trɔ̃subɔlawo gbɔe atitsoga dzɔ tso. Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be: \"Amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia kple amesiwo menye Kristotɔwo o ƒe kɔnuwo mee wokpɔ atitsoga zazã le.\" Agbalẽnyala geɖe hã ɖee fia be tadedeagu na dzɔdzɔmenuwo kple trɔ̃subɔsubɔ me gbɔdɔdɔnuwɔnawo mee wozã atitsoga le.\nEkema nukatae wova do vivi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe dzesidenu sia ŋu? Edze ƒã be wowɔe kple susu be ana wòanɔ bɔbɔe na trɔ̃subɔlawo be woava zu \"Kristotɔwo.\" Ke hã, Biblia tsi tre ɖe ame ɖokui tsɔtsɔ na trɔ̃subɔsubɔ me dzesidenu ɖesiaɖe ŋu vevie. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu hã. (Mose II, 20:4, 5; Korintotɔwo I, 10:14) Eyata susu nyuiwo tae Kristotɔ vavãwo mezãna atitsoga le tadedeagu me o. *\n^ mm. 1 Ne èdi numeɖeɖe geɖe wu tso atitsoga ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures, axa 89-93 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 77-81) si Yehowa Ðasefowo ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia\/nusita-kristot%C9%94-vav%C3%A3wo-mez%C3%A3a-atitsoga-le-tadedeagu-me-o\/","date":"2018-03-19T22:17:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00360.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980278015,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980278015136719}","num_words":565,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2013\nTata sia akpe ɖe Kristotɔwo katã ŋu be woayi agbedua ƒuƒu dzi. Míakpɔ ale si míawɔ anya míaƒe dzi kple mía Mawu Yehowa siaa nyuie.\nNu ka tae wogblɔ be nukikli aɖeke meli na ame siwo lɔ̃a Yehowa ƒe sea o? Kpɔ nu si akpe ɖe mía ŋu be míayi agbedua ƒuƒu dzi ɖa.\nNyagblɔɖila Yeremiya ƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be kpɔɖeŋudzi nyui nakpɔtɔ anɔ asiwò.\nKpɔ nu si tae wòle vevie be nànɔ ŋku lém ɖe wò xɔse kple wò ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa Mawu ŋu ɖo.\nMí katã míedzea dɔ, ɣeaɖewoɣi enyea dɔléle sesẽwo gɔ̃ hã. Aleke míawɔ ado dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me?\nTogbɔ be xexe vɔ̃ɖi mee míele hã, nu kae ana míaka ɖe edzi be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta?\nAleke nèbua mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàzã Mawu ƒe ŋkɔa lae? Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa nyanya kple zɔzɔ le eƒe ŋkɔ me bia?\nYudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus ye ŋlɔ Testimonium Flavianum la?\nMègabu mɔkpɔkpɔ gbeɖe be ame aɖe mate ŋu ava xɔ nyateƒea o. Xlẽ nu tso ame aɖewo siwo va wɔ esia kple nu si tae ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20130315\/","date":"2018-04-25T19:15:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00372.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967295527,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967295527458191}","num_words":193,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðasefowo le mɔ kpɔm be yewoawu yewoƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu nu le September (Anyɔnyɔ) 1 dzi, si nye ɣleti ene sɔŋ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si le wòle be woawu enu.\nYehowa Ðasefowo le woƒe teƒe siwo le Dumbo kple Brooklyn Heights si le Brooklyn le New York, siwo amewo le mɔ kpɔm na vevie be yewoaƒle la dzram.\nTakpekpeawo adze egɔme le kwasiɖa sia me le California, Hawaii, Maine, Massachusetts, New Jersey, New York, Oregon kple Wisconsin. Wowɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe gã 5,000 aɖewo le dukɔ 92 me va se ɖe January 2016 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/united-states-%C3%A9tats-unis\/","date":"2018-04-20T09:41:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125937193.1\/warc\/CC-MAIN-20180420081400-20180420101400-00468.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979291558,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979291558265686}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.293,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI Mose trɔ yi Egipte la, egblɔ nukunuawo katã na nɔvia Aron. Eye esi Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo fia Israel-viwo la, dukɔ la katã xɔe se be Yehowa li kpli wo.\nEmegbe Mose kple Aron yi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be: 'Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: \"Ðe asi le nye dukɔ ŋu be woaɖasubɔm le gbedzi ŋkeke etɔ̃.\"' Gake Farao ɖo ŋu be: 'Nyemexɔ Yehowa dzi se o. Nyemaɖe asi le Israel ŋu woayi o.'\nFarao do dziku, elabena dukɔ la di be yewoadzudzɔ dɔwɔwɔ aɖasubɔ Yehowa. Eyata ezi ɖe wo dzi be wowɔ dɔ sesĩe wu tsã. Israel-viwo tsɔe ɖo Mose dzi be eyae na wowɔ fu yewo nenema, eye Mose lé blanui. Gake Yehowa gblɔ nɛ be wòaɖe dzi ɖi, be: 'Mana Farao naɖe asi nye dukɔ ŋu woadzo.'\nMose kple Aron gayi Farao gbɔ. Fifia ya la, wowɔ nukunu aɖe. Aron ɖe asi le eƒe ati la ŋu ɖe anyigba, eye wòzu da gã aɖe. Gake Farao ƒe nunyalawo hã da atiwo ɖi, eye wozu da. Gake kpɔ ɖa! Aron ƒe da la le nunyalawo ƒe dawo mim. Gake Farao meɖe asi Israel-viwo ŋu be woadzo o.\nEyata ɣiyiɣi de be Yehowa nafia nu Farao. Ènya alesi wòwɔea? Ehe dɔvɔ̃ alo fukpekpe 10 va Egipte dzie.\nLe fukpekpe geɖewo megbe la, Farao dɔ ame ɖo ɖe Mose hegblɔ be: 'Tsi fukpekpe la nu, eye maɖe asi le Israel ŋu woadzo.' Gake ne fukpekpea va yi ko la, Farao gatrɔa eƒe susu. Meɖea asi ameawo ŋu be woadzo o. Gake mlɔeba la, le fukpekpe 10 lia megbe la, Farao ɖe asi Israel-viwo ŋu wodzo.\nÈnya fukpekpe 10 la dometɔ ɖesiaɖea? Ʋu axa, si gbɔna la, ne míasrɔ̃ nu tso wo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/mose-kple-aron\/","date":"2019-06-18T05:28:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00419.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996240735,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996240735054016}","num_words":284,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! October 2015 | Nya Etɔ̃ Siwo Amewo Adi Be Yewoabia Mawu\nAme geɖe megakana ɖe subɔsubɔhawo dzi o, eye ale si woɖoa agbemenyabiase veviwo ŋu mena woƒe dzi dze eme o. Gake Biblia ya ɖo nya siwo amewo biana zi geɖe la ŋu le mɔ si ana ame ƒe dzi nadze eme la nu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nTameɖoɖo kae le agbe ŋu? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu? Nu ka tae alakpanuwɔwɔ bɔ ɖe subɔsubɔhawo me?\nWAS IT DESIGNED?\nAleke adoglo sia wɔna hafi tea ŋu hea tsi tso eƒe afɔwo ŋu yia eƒe nu me?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe nu si Biblia gblɔ tso nuwɔwɔ ŋu tsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?\nLANDS AND PEOPLES\nSrɔ̃ nu geɖe tso Uzbekistantɔwo kple woƒe ŋɔŋlɔdzesi siwo nɔa tɔtrɔm la ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe nèʋu le aƒe me be yeavae nɔ ye ɖokui si, evɔ agbea va le sesẽm na wòa? Ðe afɔ siawo be wòakpe ɖe ŋuwò nagate ŋu ava nɔ ɖokuiwò si.\nÐɔkta kpɔkpɔ kple kɔdzi tsitsi ate ŋu ana ame natsi dzodzodzoe. Aleke nàte ŋu akpe ɖe xɔwò alo ƒometɔ aɖe ŋu le nɔnɔme sesẽ aɖe me?\nWATCHING THE WORLD\nKuxi nyanyɛ kawoe dzea ŋgɔ ƒomewo egbea? Afi kae woakpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe wo ŋu la le?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÀdi be yeasrɔ̃ ale si yeaɖe nu si tae yexɔ Mawu dzi se la me kple kakaɖedzi geɖe wua? Kpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò ne ame aɖe tɔ gbe nu si tae nèxɔe se be Mawu li.\nKpeɖodzi eve aɖewo li siwo tae mele be nàxɔ edzi ase o.\nÈnya nu gbãtɔ si Mawu wɔa? Kpe ɖe Kaleb ŋu miasrɔ̃ nu tso ɖoɖo si nu Mawu wɔ nuwo ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201510\/","date":"2019-06-20T16:36:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00394.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971065521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971065521240234}","num_words":289,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woakplɔ wo gake wobia be woaɖo fia na yewo. Wogblɔ na Samuel be: 'Fia le dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la si. Míawo hã fia nenɔ mía si.' Samuel kpɔe be esia mesɔ o eya ta edo gbe ɖa tso eŋu na Yehowa. Yehowa gblɔ nɛ be: 'Menye wòe dukɔ la gbe o. Nye gbem wole. Gblɔ na wo be fia ate ŋu anɔ wo si, gake fiaa abia nu geɖe tso wo si.' Ke hã, dukɔ la gblɔ be: 'Mesesẽ o. Fia nenɔ mía si!'\nYehowa gblɔ na Samuel be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul anye woƒe fia gbãtɔ. Esi Saul yi Samuel gbɔ le Rama la, Samuel kɔ ami ɖe tame nɛ tsɔ ɖoe fia.\nEmegbe la, Samuel ƒo Israel-viwo nu ƒu be yeaɖe woƒe fia yeye la afia wo. Gake wodi Saul ʋuu do kpoe. Ènya nu si taea? Elabe eyi vae be ɖe agbawo dome. Esi wokpɔ Saul mlɔeba la, wokplɔe do goe va tɔ ɖe ameawo titina. Saul kɔ wu ame sia ame eye wòdze ɖeka hã ŋutɔ. Samuel gblɔ be: 'Mikpɔ ame si Yehowa tia la ɖa.' Dukɔ la do ɣli be: 'Fia nenɔ agbe tegbee!'\nLe gɔmedzedzea me la, Fia Saul ɖo to Samuel kple Yehowa siaa. Gake eva trɔ. Le kpɔɖeŋu me, mele be fia nasa vɔ o. Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be wòalala yeava, gake Samuel meva kaba o. Eya ta Saul tso nya me be ye ŋutɔ yeasa vɔa. Aleke Samuel wɔ nui? Egblɔ na Saul be: 'Mele be nàgbe toɖoɖo Yehowa hafi o.' Ðe Saul asrɔ̃ nu tso eƒe vodadaa mea?\nEmegbe esi Saul yi aʋa wɔ ge kple Amalektɔwo la, Samuel gblɔ nɛ be megana wo dometɔ aɖeke natsi agbe o. Gake Saul tiae be yemawu Fia Agag o. Yehowa gblɔ na Samuel be: 'Saul gblẽm ɖi eye meɖoa tom o.' Ete ɖe Samuel dzi vevie wògblɔ na Saul be: 'Esi mègaɖoa to Yehowa o ta la, atia fia bubu ɖe tewòƒe.' Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé eƒe awu sesĩe eye Samuel ƒe awu la toga dze. Ale Samuel gblɔ na Saul be: 'Yehowa dze fiaɖuƒe la le asiwò me.' Yehowa atsɔ fiaɖuƒea ana ame si alɔ̃e ahaɖo toe.\n\"Toɖoɖo nyo wu vɔsa.\"—1 Samuel 15:22","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/7\/israel-fia-saul\/","date":"2019-06-19T15:43:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00132.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977514744,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977514743804932}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye June gblɔ be: \"Nye kple srɔ̃nye míegbe mía nɔewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 25 megbe. Vinye etɔ̃awo katã do le nyateƒea me. Dɔléle sesẽ geɖewo hã va dze dzinye. Ðeko meva lé blanui. Mekpɔe be nu sia nu tɔtɔ le nye agbe me, eye mese le ɖokuinye me be wɔna vɔ le ŋunye. Mlɔeba la, meva dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede kura.\"\nDZIMAÐITSITSI ɖea fu na ame sia ame—Mawu subɔlawo meto le eme o. Hakpalaa ŋlɔ be, \"metsi dzodzodzoe akpa,\" si fia be etsi dzimaɖi vevie. (Psalmo 94:19) Yesu hã gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, \"agbemedzimaɖitsitsiwo\" ate ŋu ana Yehowa subɔsubɔ manɔ bɔbɔe kura o. (Luka 21:34) Aleke wòle le gowòme? Ðe nèkpɔe be ganyawo ƒe sesẽ, ƒomekuxiwo, alo lãmesẽkuxiwo na agba wu tsɔtsɔ na wòa? Alekee Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wo nu?\n\"Ŋusẽ Si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu\"\nMíate ŋu anɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu le mía ɖokui si o. Apostolo Paulo gblɔ be: \"Womimi mí ɖo le go sia go me, . . . míetɔtɔ, . . . woxlã mí ɖe anyi.\" Gake egblɔ kpee hã be, \"Menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o, . . . menye be míenya nu si míawɔ kura o,\" eye be \"wometsrɔ̃ mí o.\" Nu kae kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi? \"Ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu,\" si tsoa Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la gbɔ ye.—2 Korintotɔwo 4:7-9.\nDe ŋugble tso ale si nèxɔ \"ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu\" le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋu kpɔ. Èɖo ŋku ale si nuƒo ʋãme aɖe na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu gade to ɖe edzi la dzia? Ðe ale si nèka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi me mesẽna ɖe edzi esime nèfiaa nu amewo tso Paradiso mɔnukpɔkpɔa ŋu oa? Ne míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye míefiaa nu ame bubuwo tso míaƒe xɔse ŋu la, edoa ŋusẽ mí míenɔa te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu, eye míetsɔa dzidzɔ kple dzidzeme subɔa Yehowae.\n\"Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo\"\nEle eme be ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be nu gbogbo aɖewo do agba ɖe ye dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa bia tso mía si be míanɔ Fiaɖuƒea dim gbã ahalé gbɔgbɔmeɖoɖo nyui me ɖe asi. (Mateo 6:33; Luka 13:24) Ke ne yometiti, lãmesẽkuxiwo, alo ƒomekuxiwo na nu ti kɔ na wò ɖe? Alo ne wò dɔwɔɖuia le ŋusẽ kple ɣeyiɣi siwo nàzã ɖe hamea ŋu xɔm le asiwò ɖe? Nyateƒee, agba awu tsɔtsɔ na wò ne nu gbogbo aɖewo li kɔ ɖe dziwò gake ɣeyiɣi kple ŋusẽ vi aɖe koe le asiwò nàtsɔ awɔ woe. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be ɖe Yehowa mele nu geɖe akpa dim tso ye si o hã.\nYehowa sea nu gɔme na ame. Mebiaa nu siwo míate awɔ o la tsoa mía si o. Enyae hã be ne dzimaɖitsitsi wɔe be ɖeɖi te mía ŋu eye nu te ɖe mía dzi la, axɔ ɣeyiɣi hafi nuwo naɖɔ ɖo.—Psalmo 103:13, 14.\nLe kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe nyagblɔɖila Eliya ŋu la ŋu kpɔ. Esi vɔvɔ̃ ɖo Eliya eye dzi ɖe le eƒo wòsi yi gbedzi la, ɖe Yehowa ka ŋkume nɛ heɖe gbe nɛ be wòatrɔ ayi eƒe nyagblɔɖidɔa dzia? Kura o. Ke boŋ Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa zi eve sɔŋ wòva nyɔ Eliya le alɔ̃ me blewu hetsɔ nuɖuɖu nɛ wòɖu. Gake ŋkeke 40 sɔŋ le ema megbe hã la, Eliya gatsi dzimaɖi henɔ vɔvɔ̃m kokoko. Nu bubu kawoe Yehowa gawɔ tsɔ kpe ɖe eŋu? Gbã, Yehowa ɖee fiae be ŋusẽ le ye si yeatsɔ akpɔ eta. Evelia, Yehowa tsɔ \"gbe bɔbɔe aɖe [si] ɖi blewu\" fa akɔ nɛ. Mlɔeba, Yehowa na wònya be ame akpe geɖewo li siwo hã gakpɔtɔ le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Eteƒe medidi o, Eliya gadze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme kple dzo. (1 Fiawo 19:1-19) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Esi agbemedzimaɖitsitsiwo wu tsɔtsɔ na Eliya la, Yehowa wɔ nu ɖe eŋu le dzigbɔɖi kple dɔmetɔtrɔ me. Yehowa metrɔ o. Etsɔa ɖe le eme na míawo hã le mɔ ma ke nu.\nNe èle ŋugble dem tso ale si nàgadze Mawu subɔsubɔ gɔmee ŋu la, mègadi nu geɖe fũu akpa tso ɖokuiwò si o. Mègatsɔ nu siwo nàte ŋu awɔ egbea la sɔ kple nu siwo nète ŋu wɔna tsã o. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne duƒula si dzudzɔ duƒuƒu hena ɣleti alo ƒe geɖe di be yeagadze duƒuƒu gɔme la, magate ŋu aƒui enumake abe tsã ene o. Ke hã, ne eɖo taɖodzinu suesuesue aɖewo tsɔ le hehe nam eɖokui vivivi la, agate ŋu ava ƒu dua abe tsã ene. Kristotɔwo le abe duƒulawo ene. Wonaa hehe wo ɖokuiwo be yewoaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. (1 Korintotɔwo 9:24-27) Ðe manyo be nàɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu si gbɔ ɖoɖo anɔ bɔbɔe na wò fifia oa? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖo taɖodzinu be yeade hamea ƒe kpekpe aɖe. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo ta��odzinu ma gbɔ. Ne ŋusẽ gate ŋuwò ɖoɖo le gbɔgbɔ me la, 'àɖɔe kpɔ, eye àkpɔe be Yehowa nyo' vavã. (Psalmo 34:8) Mègaŋlɔ be gbeɖe o be, Yehowa dea asixɔxɔ nu suetɔ kekeake si nàwɔ atsɔ aɖee afia be yelɔ̃e la ŋu.—Luka 21:1-4.\n\"Dzideƒo Si Menɔ Mɔ Kpɔm Na\"\nAleke Yehowa kpe ɖe Nɔvinyɔnu June ŋu wòtrɔ gbɔe? Egblɔ be: \"Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Emegbe lɔ̃xoyɔvinye ƒo nu nam tso takpekpe aɖe si woawɔ le du si me mele la ŋu. Meɖoe be made takpekpea ƒe ŋkeke ɖeka ko. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi mekpɔ esi megatrɔ va Yehowa ƒe amewo dome! Takpekpe ma nam dzideƒo si menɔ mɔ kpɔm na. Fifia, megale Yehowa subɔm kple dzidzɔ ake. Taɖodzinu vavã gava le nye agbe ŋu azɔ. Meva se egɔme fifia wu tsã be ehiã be manɔ nɔviwo dome be woakpe ɖe ŋunye manɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ su asinye megatrɔ gbɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tr%C9%94-va-yehowa-gb%C9%94\/dzima%C9%96itsitsi-womimi-m%C3%AD-%C9%96o\/","date":"2019-06-20T19:46:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999273.24\/warc\/CC-MAIN-20190620190041-20190620212041-00400.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979914427,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979914426803589}","num_words":961,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Russia ɖeka koe nye xexemedukɔ si xe mɔ ɖe jw.org, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe la nu le July (Siamlɔm) 21, 2015 dzi.\nEsi Svetlana Nemchinova, si nye Yehowa Ðasefo fɔ ga home gã aɖe si ame aɖe ɖe ŋu ɖi tsɔ kpe ɖe gbeɖuɖɔ ŋu ƒu gbe la, edi gaa tɔ ʋuu ke ɖe eŋu.\nƲɔnudrɔ̃lawo de dzesii be jw.org nyatakakadzraɖoƒea le vi ɖem na amewo eye wode dzesii hã be Ðasefoawo wɔ ɖe Russia-dukɔa ƒe sewo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/russia\/","date":"2019-06-16T09:36:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998084.36\/warc\/CC-MAIN-20190616082703-20190616104703-00116.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994778037,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994778037071228}","num_words":78,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ anyigba la ɖa! Nusianu nya kpɔ loo! Kpɔ gbeawo kple atiawo, seƒoƒowo kple gbemelãwo katã ɖa ko! Àte ŋu atɔ asi atiglinyi kple dzatawo dzia?\nAleke abɔ nyui sia wɔ va dzɔ? Na míakpɔ alesi Mawu trɔ asi le anyigba la ŋue na mí la ɖa.\nGbã la, Mawu wɔ sɔgbewo woxɔ anyigba la dzi. Eye wòwɔ numiemie sue ƒomeviwo katã kple gbewo kpakple atiwo. Numiemie siawo na anyigba la nya kpɔ. Menye dɔ ma ɖeɖeko wowɔna o. Wo dometɔ geɖe hã nana nuɖuɖu, siwo vivina ŋutɔ la mí.\nMawu wɔ tɔmelãwo emegbe be woaʋã le tsia me, kple dziƒoxewo be woadzo le ya me. Ewɔ avuwo kple dadiwo kpakple sɔwo, gbemelã gãwo kple sueawo. Gbemelã kawoe te ɖe wò aƒe ŋu? Ðe mele be míakpɔ dzidzɔ be Mawu wɔ nenem nusiawo katã na mí oa?\nMlɔeba la, Mawu wɔ anyigba la ƒe akpa aɖe wònye teƒe tɔxɛ aɖe. Eyɔ teƒe sia be Eden-bɔ. Ede blibo ale gbegbe. Nusianu, si le eme la dze ani. Eye Mawu di be anyigba blibo la katã nazu abe abɔ nyui sia, si wòwɔ la ene pɛpɛpɛ.\nGake gakpɔ abɔ sia ƒe nɔnɔmetata ɖa. Ènya nusi Mawu kpɔ be esusɔa? Na míakpɔe ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/eden-b%C9%94\/","date":"2019-06-20T06:04:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999141.54\/warc\/CC-MAIN-20190620044948-20190620070948-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990408421,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990408420562744}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\n\"Ɣeaɖewoɣi la, nyɔnuvi aɖewo biana be mana nye telefonkaƒodzesi yewo eye wodina be 'yewoadze ahiãm.' Megbena hedzona le wo gbɔ. Gake nyabiase vevi aɖe wɔa avu kple nye susu, eyae nye be 'Nu kae gblẽ le eŋu ne metsɔ nye telefonkaƒodzesia nɛ?' Le nyateƒe me la, nyɔnuvi mawo dometɔ aɖewo dze tugbe ŋutɔ. Ele bɔbɔe be ame nabia eɖokui be, 'Nu kae gblẽ le eŋu?'\"\n—Carlos, * exɔ ƒe 16.\nÐe tetekpɔwo wɔa avu kple wò hã abe Carlos enea? Ne nenemae la, ke nyae be yeate ŋu aɖu dzi.\nNU SI WÒLE BE NÀNYA\nTetekpɔ vaa ame sia ame dzi, ame tsitsiwo gɔ̃ hã meto le eme o. Nyateƒee, tetekpɔwo li hamehame. Esi apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo gbɔna la menye sɔhɛ wònye o. Eŋlɔ bena: \"Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu . . . , gake mekpɔ se bubu aɖe le nye ŋutinuwo me, si le aʋa wɔm kple nye susu ƒe se, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se.\" (Romatɔwo 7:22, 23) Togbɔ be tetekpɔa nu sẽ hã la, Paulo nɔ te ɖe enu tamanamanae, eya ta wò hã àte ŋui! Nu ka tae wòle be nàzu kluvi na wò dzodzrowo? (1 Korintotɔwo 9:27) Ne èsrɔ̃ ale si nànɔ te ɖe tetekpɔwo nu fifia si nènye sɔhɛ la, ana nàvo tso dzimaɖeɖi si me egbea kura gɔ̃ hã eye wòana ŋutete vevi aɖe si nàva hiã ne ètsi la nasu asiwò.\nNyakakadɔwɔƒewo nana tetekpɔwo nu sẽna ɖe edzi. Biblia ƒo nu tso 'sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzro,' siwo nu sẽna ale gbegbe la ŋu. (2 Timoteo 2:22) Filmwo, televisiondziwɔnawo kple agbalẽ siwo wotsɔ ɖoa sɔhɛwo ŋkume zi geɖe la nana be dzodzro mawo nu gasẽna ɖe edzi le wo me, elabena wonana wosusunɛ be naneke megblẽ le tanana le tetekpɔkpɔwo me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le filmwo me la, ame eve siwo be yewonye lɔlɔ̃tɔwo la va dɔa wo nɔewo gbɔ godoo. Gake Biblia gblɔ be ŋutete le ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖua wo ɖokuiwo dzi la si be woayi \"edzi atsri ŋutilã ƒe nudzodzrowo.\" (1 Petro 2:11) Esia fia be wò hã àte ŋu atiae be yeaɖu tetekpɔwo dzi. Gake aleke nàwɔe?\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nNya nu siwo me nègbɔdzɔ le. Ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒee wotona gblẽa nu le eŋu. Eya ta nu siwo me nègbɔdzɔ le ate ŋu agblẽ ale si nèɖoe be yeawɔ nu si le eteƒe la me. Go kawo mee nànɔ ŋudzɔ le?\nBu tetekpɔwo ŋu do ŋgɔ. Bu nɔnɔme siwo me nàte ŋu ado go tetekpɔwo le la ŋu do ŋgɔ. Nɔ ale si nàwɔ aɖu tetekpɔkpɔwo dzi la ŋu bum le susu me.\nLé fu vɔ̃ eye nàlɔ̃ nyui vevie. Biblia gblɔ be esi wote Yosef kpɔ be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me la, egblɔ be: \"Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?\" (1 Mose 39:9) Nyagbɔgblɔ \"aleke gɔ̃ mawɔ\" ɖee fia be Yosef lé fu vɔ̃ keŋ helɔ̃ nu nyui vevie. Ke wò ya ɖe?\nDze xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aƒo asa na tetekpɔ geɖewo ne èdzea xɔlɔ̃ ame siwo léa fu vɔ̃ eye wòlɔ̃a nyui vevie abe wò ke ene. Biblia gblɔ be: \"Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.\"\nƑo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ana be nàdze tetekpɔ me bɔbɔe wu. Le kpɔɖeŋu me:\nNe ènye ŋutsu la, mègaɖe mɔ wò kple nyɔnu aɖe ɖeɖe miaɖe aga anɔ teƒe si ame aɖeke makpɔ mi le o.\nƑo asa na internet-zazã le game kple teƒe siwo ana wòadzro wò be yeakpɔ gbɔdɔnuwɔnawo.\nƑo asa na ame siwo ƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo nana be nu gbegblẽ wɔwɔ dzroa ame.\nSe kawoe nàte ŋu ade na ɖokuiwò siwo dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be màna ta le tetekpɔ me o?\nDo gbe ɖa hena kpekpeɖeŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Minɔ gbedodoɖa dzi, be miagage ɖe tetekpɔ me o.\" (Mateo 26:41) Nyateƒeae nye be, Yehowa Mawu di be nànɔ tetekpɔwo dzi ɖum, eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔe nenema hã. Biblia gblɔ be: \"Maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.\"\n^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201410\/ale-si-n%C3%A0%C9%96u-tetekp%C9%94wo-dzi\/","date":"2019-06-16T12:44:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00338.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966037869,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996603786945343}","num_words":694,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zã wò ŋutɔ wò adrɛs si dzi amea ato ake ɖe ŋuwò. Ne èkpɔe be masɔ be yeazã ye ŋutɔ yeƒe adrɛs o la, àte ŋu abia mɔ le hamemetsitsiwo gbɔ azã Fiaɖuƒe Akpataa tɔ. Gake mègazã alɔdzedɔwɔƒea ƒe adrɛs be amea nato edzi aɖo lɛtaa ŋu na ye GBEÐE o.\nNe ènya amea ƒe ŋkɔa, ke zãe. Esia awɔe be amea masusu be asitsalawoe le boblo dom nane o.\nŊlɔ nyawo woade, wɔ gbeŋutisewo kple nuŋɔŋlɔmedzesiwo ŋu dɔ nyuie. Mègana nuwo natɔtɔ le lɛtaa me o. Ne asie nètsɔ ŋlɔe la, ke kpɔ egbɔ be wodze nyuie woate ŋu axlẽ. Mègazã habamenyawo alo nya siwo le etɔxɛ fũu akpa o.\nLɛta si dze le afi sia na míekpɔ nya vevi siwo wòle be wòadze la ƒe kpɔɖeŋu. Mefia be ele be woakpɔ nya siawo dzi aŋl�� pɛpɛpɛ ɣesiaɣi si míele lɛta ŋlɔm na ame aɖe le míaƒe anyigbamamaa me o. Trɔ asi le eŋu wòasɔ ɖe taɖodzinu si le asiwò nu, eye wòasɔ ɖe nutoa ƒe nɔnɔme kple dekɔnuwo hã nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar18-24\/l%C9%9Bta%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94-%C6%92e-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2019-06-27T02:40:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000610.35\/warc\/CC-MAIN-20190627015143-20190627041143-00401.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979509711,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979509711265564}","num_words":172,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afi kae ƒuƒoƒe siwo me Yudatɔwo kpena le le ƒe alafa gbãtɔ me la dzɔ tso?\nWOÐE ŋkɔnya si nye \"ƒuƒoƒe\" tso Helagbe me nya si gɔmee nye \"takpekpe\" alo \"ƒuƒoƒo\" la me. Ŋkɔ sia sɔ nyuie, elabe afi sia afi si Yudatɔwo le la, ƒuƒoƒewoe wokpena le tso blema ke srɔ̃a nu hesubɔa Mawu. Hebri Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ƒuƒoƒewo ŋu tẽe o, gake edze ƒãa le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me be, ƒuƒoƒewo nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ na ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.).\nAgbalẽnyala akpa gãtɔ xɔe se be esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon ye wodze ƒuƒoƒewo zazã gɔme. Yudatɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: \"Esi wònye be Aboyomeawo nɔ dzronyigba dzi eye Gbedoxɔa menɔ wo gbɔ o, evɔ wohiã na akɔfafa tso woƒe xaxawo me vevie ta la, wokpea ta edziedzi xlẽa Ŋɔŋlɔawo, eye anɔ eme be Sabat ŋkekewo dzie wowɔa esia.\" (Encyclopaedia Judaica) Esi woɖe Yudatɔwo tso aboyo me la, edze ƒãa be woyi edzi ƒoa ƒu doa gbe ɖa hexlẽa Ŋɔŋlɔawo, eye woɖo ƒuƒoƒewo ɖe afi sia afi si wotso kɔƒe ɖo.\nKaka ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. naɖo la, ƒuƒoƒewo va zu teƒe siwo koŋ Yudatɔ siwo kaka ɖe Mediterranea kple Titina Ɣedzeƒe nutowo me kpakple esiwo le Israel la siaa subɔna le, eye afi mawo kee wowɔa hadomewɔnawo hã le. Nufialagã Lee Levine, si le Hebritɔwo Ƒe Yunivɛsiti Si Le Yerusalem (The Hebrew University of Jerusalem) la gblɔ be: \"[Ƒuƒoƒe ye] wosrɔ̃a nu le, afi mae woɖua nuɖuɖu kɔkɔewo le, eye afi mae wodrɔ̃a nyawo le; wodzɔa ga hedzranɛ ɖo ɖe afi ma, afi ma kee wokpena le hedzroa dunyawo me, eye teƒe mae wowɔa hadomewɔna bubuwo hã le.\" Egblɔ kpee be: \"Ke hã, mawusubɔsubɔwɔnawoe nye nu vevitɔ si wowɔna le afi ma.\" Esia na míese nu si tae Yesu yia ƒuƒoƒewo edziedzi ɖo la gɔme. (Marko 1:21; 6:2; Luka 4:16) Le afi ma la, efia nu amewo, ɖo aɖaŋu na wo hede dzi ƒo na wo. Esi woɖo Kristo hamea anyi la, apostolo Paulo hã ɖe gbeƒã na amewo le ƒuƒoƒewo zi geɖe. Ame siwo di be yewoate ɖe Mawu ŋu la lɔ̃a ƒuƒoƒewo yiyi, eya ta, ɣesiaɣi si Paulo yi du aɖe me la, eyia ƒuƒoƒeawo gbã be yeaɖe gbeƒã na amewo le afi ma.—Dɔw. 17:1, 2; 18:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-february-2019\/afi-si-%C6%92u%C6%92o%C6%92ewo-dz%C9%94-tso\/","date":"2019-06-17T21:31:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985577464,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985577464103699}","num_words":374,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava?\nDziɖuɖu si le dziƒoe Mawu Fiaɖuƒea nye. Nu si tae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea navae nye be Fiaɖuƒea ahe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ava anyigbaa dzi. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu aɖe ŋutasesẽ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ alo dɔléle ɖa o, gake Mawu Fiaɖuƒea ya ate ŋui eye ele ewɔ ge hã. Mawu tia Via, Yesu, be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. Yehowa tia Yesu yomedzela aɖewo hã be woaɖu fia kple Yesu le Fiaɖuƒea me.\nEteƒe madidi o, Mawu Fiaɖuƒea aɖe ame siwo katã tsia tsitre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la ɖa. Eya ta ne míele gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava la, efia be míele biabiam be Mawu ƒe dziɖuɖua nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.\nVi kae Mawu Fiaɖuƒea aɖe na amewo?\nMawu Fiaɖuƒea aɖe vi na anukwaretɔ siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hele gbe dom ɖa be eƒe Fiaɖuƒea nava. Ne èsrɔ̃ nu si Biblia fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, aɖe vi na wò godoo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20141001\/do-gbe-%C9%96a-be-mawu-fia%C9%96u%C6%92e-nava\/","date":"2019-06-17T22:24:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00396.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960825443,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960825443267822}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.143,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ezekiel kpɔ tsi nɔ dzidzim tso Yehowa ƒe kɔkɔeƒea eye emegbe kaka wòade kilometa eve la ezu tɔsisi gã aɖe nukutɔe! Ekpɔ ati damawo le tɔsisia ƒe gowo dzi si nye nuɖuɖu si me nunyiame le eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbewo. Nu kae nu siawo katã fia?\nTɔsisia He Yayrawo Vɛ\nLE BLEMA: Esi aboyomeawo trɔ va wo denyigbaa dzi eye wokpe asi ɖe eŋu wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi la, woyra wo geɖe\nMÍAƑE ŊKEKEA ME: Le ƒe 1919 me la, wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi eye esia he gbɔgbɔmeyayra gbogbowo vɛ na Mawu subɔla wɔnuteƒewo\nETSƆME: Le Armagedon megbe la, yayra siwo atso Yehowa gbɔ la anye ŋutilã kple gbɔgbɔ me tɔ siaa\nTsi Si Naa Agbe\nLE BLEMA: Yehowa yraa esubɔla siwo ɖoa toe la geɖe, ne wole agbɔ sɔm ɖe edzi gɔ̃ hã, eye esia naa nu dzea edzi na wo le gbɔgbɔ me\nMÍAƑE ŊKEKEA ME: Le gbɔgbɔmeparadiso si le ta kekem ɖe edzi me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔmeyayra siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la le vi ɖem na ame gbogbo siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, si na wogbɔ agbe le gbɔgbɔ me\nETSƆME: Woafɔ ame miliɔn gbogbo aɖewo ɖe tsitre woava wɔ ɖeka kple ame siwo tsi agbe le Armagedon-ʋaa me, eye Yehowa ayra wo geɖee\nAti Siwo Nye Nuɖuɖu Eye Woyɔa Dɔ\nLE BLEMA: Yehowa nyi esubɔla wɔnuteƒewo le gbɔgbɔ me le woƒe anyigba si wogbugbɔ ɖo te la dzi; azɔ hã eda gbɔgbɔmedɔ si wodze ɣeyiɣi didi aɖe la na wo\nMÍAƑE ŊKEKEA ME: Gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si li la le kpekpem ɖe amewo ŋu be gbɔgbɔmedɔléle kple gbɔgbɔmedɔwuame siwo le xexea me egbea mele nu gblẽm le wo ŋu o\nETSƆME: Kristo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la akpe ɖe ame siwo nye toɖolawo ŋu be woade blibo eye woanɔ lãmesẽ me ase vivi na agbea tegbee!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/tadedeagu-dzadz%C9%9B\/nufiame%C9%96akawo\/tsi-dzidzi-va-zu-t%C9%94sisi-g%C3%A3\/","date":"2019-06-17T22:13:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00468.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985279441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985279440879822}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.29,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Futɔ dziŋɔ aɖee ku nye. Míeho aʋa ɖe eŋu kple míaƒe ŋusẽ katã. Ne ku va xɔ míaƒe ame vevi aɖe le mía si la, esesẽna na mí be míaxɔe ase. Alo ne míele ɖekakpuime eye ɖekakpuimeŋusẽ le mía ŋu la, míasusu be futɔ sia mate ŋu akpe mía dzi o—míeléa susu ma me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime wòva hiã be míana ta.\nAme siwo agbenɔnɔ le ku megbe nɔ vevie na wu la dometɔ aɖewoe nye Farao siwo nɔ anyi le blema. Wozã woawo ŋutɔwo kpakple ame akpeakpewo ƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ tsɔ ku kutri vevie be yewoaɖu ku dzi. Xɔ kɔkɔ siwo wotu la ɖia ɖase le woƒe kutrikuku kpakple woƒe kpododonu siaa ŋuti.\nChinatɔwo ƒe fiagãwo hã di be yewoanɔ agbe tegbee, negbe ɖeko woawo ya woti taɖodzinu sia yome to mɔ bubu dzi—woku kutri be yewoawɔ agbemavɔtike. Fiagã Qin Shi Huang de dɔ asi na eƒe atikewɔlawo be woato atike wɔnuku aɖe si ana ame nanɔ agbe tegbee la vɛ. Gake aɖinu si nye mercury la nɔ woƒe atikeawo dometɔ geɖe me, eye anɔ eme be atike siawo dometɔ aɖee wòno eye wòku.\nLe ƒe alafa 16 lia Mía Ŋɔli me la, Spaintɔ anyigbayeyedila Juan Ponce de León dze mɔ nɔ tsatsam le Carib-ƒua dzi nɔ anyigba si dzi wòake ɖe tsidzɔƒe si ana ame nanɔ sɔhɛme ɖaa ŋu la dim. Eva ke ɖe Florida ŋu le United States, gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eku le aʋa aɖe si wowɔ kple Amerika Vidzidziwo la me. Eye va de asi na egbea la, womeke ɖe sɔhɛmenɔnɔ ƒe tsidzɔƒe aɖeke ŋu o.\nFaraowo, fiagãwo kple anyigbayeyedila mawo katã dze agbagba be yewoaɖu ku dzi. Eye ne mɔ si dzi woto be yewoaɖo taɖodzinu sia gbɔ medze mía ŋu o hã la, mía dometɔ kae agblɔ be viɖe aɖeke mele nu si dim wonɔ la ŋu o? Mí katã kloe ƒe dzimedidie wònye be míagaku o.\nÐE MÍATE ŊU AÐU KU DZIA?\nNu ka tae míedina be míaku o? Biblia ɖe nu si tae la me. Biblia gblɔ tso mía Wɔla, Yehowa Mawu * ŋu be: \"Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na [amegbetɔwo].\" (Nyagblɔla 3:11) Adzɔ dzi na mí be míanɔ anyigba dzi ase vivi na anyigba dzi nu nyuiwo ɖaa, ke menye hena ƒe 80 aɖewo ko o. (Psalmo 90:10) Esiae nye míaƒe dzimedidi.\nNu ka tae Mawu de \"mavɔmavɔ\" dzi me na mí ɖo? Be agbe mavɔ nɔnɔ nadzro mí ko, evɔ míaƒe asi mate ŋu asu edzi oa? Gbeɖe. Ke boŋ Mawu do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si ku maganɔ anyi o. Biblia ƒo nu tso ku ɖeɖeɖa keŋkeŋ kpakple agbe mavɔ si ŋugbe Mawu do la ŋu zi geɖe.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, \"Ku Dzi Ðuɖu.\"\nYesu Kristo ŋutɔ gblɔ eme kɔ nyuie be: \"Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.\" (Yohanes 17:3, Eʋegbe Biblia) Eya ta mɔkpɔkpɔ li be woava ɖu ku dzi mlɔeba. Ke hã Yesu ka ɖe edzi na mí be Mawu koe ate ŋu aɖu aʋa la dzi na mí.\n^ mm. 9 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140101\/amegbet%C9%94wo-ho-a%CA%8Ba-%C9%96e-ku-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-24T18:27:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999620.99\/warc\/CC-MAIN-20190624171058-20190624193058-00038.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998521626,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998521625995636}","num_words":530,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yona ƒe ŋutinyaa na míekpɔe be Yehowa megbea nu le mía gbɔ ne míeda vo o. Ke hã, ekpɔa mɔ be míasrɔ̃ nu tso míaƒe vodadawo me eye míatrɔ nɔnɔme.\nVodada kae Yona wɔ esi Yehowa de dɔ asi nɛ?\nNu ka ŋue Yona do gbe ɖa le, eye nu kae Yehowa wɔ?\nNu kae Yona wɔ si fia be esrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-november13-19\/sr%C9%94%CC%83-nu-tso-w%C3%B2-vodadawo-me\/","date":"2019-06-19T17:28:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997110188,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971101880073547}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 29 va se ɖe July 26, 2015 la le tata sia me.\nSatana ƒe nɔnɔme etɔ̃ kawoe ɖee fia be enye futɔ vɔ̃ɖi?\nAleke nàwɔ aƒo asa na Satana ƒe mɔ̃tetre siwo nye dàda, ŋutilãmenudidi kple gbɔdɔdɔ manɔsenu?\nŊutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema nɔ etsɔme yayrawo kpɔm le susu me, eye esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si míasrɔ̃.\nÐe míate ŋu ase amewo ƒe seselelãmewo gɔme vavã nenye be míawo ŋutɔ míeto nɔnɔme mawo me kpɔ oa?\nAme kae nye Gog si tso Magog si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe agbalẽa me?\nNu ka tae míate ŋu agblɔ be nu si doa vevesese geɖe na ame la ɖea vi na amewo katã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150515\/","date":"2019-06-25T03:41:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00256.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980124831,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980124831199646}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Mía Fofo Yehowa, míeda 'kpe na wò\nBe nèna wò Nya Biblia va ka mía si.\nWò gbɔgbɔ ʋã amewo\nwoŋlɔ wò Nya la ɖi.\nEme nyateƒe la na ablɔɖe mí.\n2. Ŋusẽ le wò Nyaa ŋu be wòaɖɔ mí ɖo,\nEdzroa míaƒe dziwo kple susuwo me.\nWò'afiatsotso le 'teƒe;\nwò sewo de blibo.\nWofiaa mɔ nyuitɔ mí le nu sia nu me.\n3. Ŋɔŋlɔawo me nyawo dea dzi gbɔ na mí.\nEŋlɔlawo le abe míawo ke 'ne.\nOo Mawu, kpe ɖe mía ŋu\nmíaxɔ wò Nya dzi se,\n'Labe kesinɔnu gã aɖee wònye!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/94-akpedada-%C9%96e-mawu-%C6%92e-nya-la-ta\/","date":"2019-06-17T01:10:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998339.2\/warc\/CC-MAIN-20190617002911-20190617024911-00176.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978268147,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978268146514893}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.174,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Ame geɖe dina be yewoanɔ lãmesẽ me. Nu kae nèsusu be míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta be míagadze dɔ o?\nMawunyakpukpui: Lod 22:3\nNya Si Nàgblɔ: Nyɔ! sia ƒo nu tso nu siwo míate ŋu awɔ be míadze aɖaŋu ahaɖe nu siwo ana míanɔ dɔ dzem kabakaba dzi akpɔtɔ la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tso loo alo nu bubuwo gbɔe wotso?\nMawunyakpukpui: Hio 34:10\nNyateƒea: Menye Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tso o. Ke boŋ Abosam, amegbetɔ siwo wɔa tiatia gbegblẽwo kple ɣeaɖewoɣia nuɖiɖeamewo gbɔe wotsona. Ne míele fu kpem la, Mawu le klalo be yeado alɔ mí. Eléa be na mí ŋutɔ.\nNU KA TAE WÒNYO BE NÀSRƆ̃ BIBLIA? (Video)\nNyabiase: Èsusu be Mawue kpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nu si Biblia gblɔ le nya sia ŋua awɔ nuku na wò. Video kpui sia ɖe nya sia me. [Ðe videoa fiae.]\nNya Si Nàgblɔ: Agbalẽ sia ƒe ta 11 lia ƒo nu tso nu si ta Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu kple nu si wòɖo be yeava wɔ la ŋu. [Tsɔ Biblia ƒe Nufiafia alo Nu Si Biblia Fia gbalẽa nɛ.]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-25T17:56:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999876.81\/warc\/CC-MAIN-20190625172832-20190625194832-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983875751,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983875751495361}","num_words":209,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae nyagblɔɖiwo le Biblia me ɖo?\nNya siwo wogblɔ ɖi tsitotsito wova eme la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ etsɔme ɖi tsitotsito o. Eya ta ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee la ɖo kpe edzi kɔtɛ be Biblia nye Mawu ƒe Nya.—Xlẽ Yosua 23:14; 2 Petro 1:20, 21.\nBiblia me nyagblɔɖi siwo va eme xoxo la nye susu nyui aɖe si ta míaxɔ Mawu dzi ase. (Hebritɔwo 11:1) Eye wona míeka ɖe edzi hã be ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe etsɔme nyui aɖe ŋu la ava eme. Eya ta Biblia me nyagblɔɖiwo naa mɔkpɔkpɔ vavã mí.—Xlẽ Psalmo 37:29; Romatɔwo 15:4.\nAleke Biblia me nyagblɔɖiwo kpena ɖe mía ŋui?\nNyagblɔɖi aɖewo nyea nuxlɔ̃ame na Mawu ƒe amewo be woaɖe afɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, esi Kristotɔ gbãtɔwo de dzesi nyagblɔɖi aɖewo me vava la, woʋu dzo le Yerusalem. Emegbe esi wotsrɔ̃ dua le esi emetɔ akpa gãtɔ gbe Yesu ta la, Kristotɔawo ya nɔ dedie le teƒe bubu sãa.—Xlẽ Luka 21:20-22.\nEgbea, nyagblɔɖi siwo le eme vam la le eɖem fia be Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo kple dziɖuɖuwo ɖa kpuie. (Daniel 2:44; Luka 21:31) Eya ta ehiã kpata be ame sia ame naɖe afɔ fifia be Yesu Kristo, si nye Fia si Mawu ɖo la, nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu.—Xlẽ Luka 21:34-36.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150901\/biblia-me-nyagbl%C9%94%C9%96i-egbea\/","date":"2019-06-18T08:40:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998708.41\/warc\/CC-MAIN-20190618083336-20190618105336-00342.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990702271,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990702271461487}","num_words":213,"character_repetition_ratio":0.086,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Firefox release notes - What's new and known issues\nAmeɖeke me meɖe article sia gɔme haɖe o. Ne enya alesi SUMO localize na nuwoe la, dze nuwogɔmeɖeɖe fifia. Ne edi be yea srɔ alesi naɖe articlewo gɔme na SUMO la, meɖekuku dze egɔme le afii.\nFor a summary of new features and known issues in the latest versions of Firefox and Firefox for Android, see:\nSee also:","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-35","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/kb\/firefox-release-notes-whats-new-and-known-issues","date":"2019-08-18T08:53:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-35\/segments\/1566027313747.38\/warc\/CC-MAIN-20190818083417-20190818105417-00204.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980466962,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980466961860657}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.076,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NUKAE na be Yerixo-gli siawo le mumum? Edze abe tu gã aɖe alo bɔmb woda wo ene. Gake le ŋkeke mawo me la, bɔmb mele wo si o; tu gɔ̃ hã mele wo si o. Yehowa wɔ nukunu bubu aɖe! Na míakpɔ alesi wòdzɔe la ɖa.\nSe nusi Yehowa gblɔ na Yosua: 'Mi kple wò aʋawɔlawo mizɔ ƒo xlã du la. Mizɔ ƒo xlãe zi ɖeka gbe ɖeka hena ŋkeke ade. Mikɔ nubablaɖaka la ɖe asi. Nunɔla adre nanɔ aɖaka la ŋgɔ aku woƒe kpẽawo.\n'Le ŋkeke adrelia dzi la, miazɔ aƒo xlã du la zi adre. Azɔ miaku kpẽawo edziedzi, eye amesiame nado aʋaɣli sesĩe. Eye gliawo amu adze anyi!'\nYosua kple ameawo wɔ nusi Yehowa gblɔ la. Esi wonɔ azɔlia dzi la, amesiame zi ɖoɖoe. Ame aɖeke megblɔ nya aɖeke o. Nusi nɔ ɖiɖim koe nye kpẽawo ƒe ɖiɖi kple azɔli la. Ðewohĩ Mawu ƒe amewo ƒe futɔ, siwo le Yerixo la vɔ̃ ŋutɔ. Èkpɔ ka dzẽ ma, si wosa ɖe fesrea nua? Ameka ƒe fesre enye ma? Ẽ, Raxab wɔ nusi ŋkutsala eveawo gblɔ be newɔ la. Eƒe ƒomea katã le xɔa me kplii hele nu kpɔm.\nMlɔeba le ŋkeke adreagbe, esi wozɔ ƒo xlã dua zi adre vɔ la, kpẽawo ɖi, aʋawɔlawo do ɣli, eye gliawo mu. Eye Yosua gblɔ be: 'Miwu amesiame, eye miatɔ dzo du la. Mitɔ dzo nusianu. Migblẽ klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ la ko ɖi ne miatsɔ ade Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe nudzraɖoƒe.'\nYosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be: 'Miyi Raxab ƒeme, miaɖe eya kple eƒe ƒome la do goe.' Raxab kple eƒe ƒome la tsi agbe abe alesi ŋkutsalawo do ŋugbee ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/yeriko-%C6%92e-gliwo\/","date":"2020-01-29T02:49:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251783621.89\/warc\/CC-MAIN-20200129010251-20200129040251-00062.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996454716,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999645471572876}","num_words":273,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alekee Nye Amewo Ƒe Nɔnɔme Ðe Dɔmenyonunana Ŋu?\nLE New York City kple Washington, D.C., dzidzedze le September 11, 2001, megbe la, alesi amehawo do alɔ amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la wɔ nuku ŋutɔ. Wodzɔ nu gbogbo siwo ƒe home de dɔlar biliɔn 2.7 to dɔmenyohabɔbɔwo dzi be woatsɔ akpe ɖe amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe ƒometɔwo ŋu. Alesi nuwo dome gblẽe wɔ nublanui na amesiame eye wodi be yewoana kpekpeɖeŋu.\nGake dzi va ku amehawo dometɔ aɖewo vevie esi wose nutsotsoa be dɔmenyohabɔbɔ xɔŋkɔ aɖewo le ga la dome gblẽm. Ame gbogbo aɖewo do dɔmedzoe esi wose be dɔmenyohabɔbɔ gã aɖe ɖoe be yeaɖo asi dɔlar miliɔn 546 si wodzɔ to edzi ƒe afã kloe dzi ahazã na tameɖoɖo bubuwo. Togbɔ be habɔbɔa va trɔ eƒe susu eye wòɖe kuku hã la, nyadzɔdzɔ ŋlɔla aɖe gblɔ be: \"Ðeklemiɖelawo bu tɔtrɔ sia be etsi megbe akpa be woagaka ɖe edzi\" abe alesi woka ɖe edzi do ŋgɔ na amedzidzedzea ene. Alekee wò ya nèkpɔe? Ðe dɔmenyohabɔbɔwo ƒe nuwɔna ɖe dzi le ƒowò le ŋkeke siawo mea?\nEnyo Be Woanyo Dɔme alo Menyo O?\nZi geɖe la wobua nunana to dɔmenyohabɔbɔwo dzi be enye nudzeamewɔwɔ. Ke hã menye amesiamee kpɔnɛ nenema o. Ƒe 200 enye esi va yi la Englandtɔ nuŋlɔla aɖe si ŋkɔe nye Samuel Johnson ŋlɔ be: \"Kakaɖedzi nɔa eŋu na wò wu be yele dɔmenyodɔ wɔm ne èxe fe na dɔwɔlawo ɖe woƒe dɔ ta tsɔ wu be nana nu to dɔmenyohabɔbɔ dzi.\" Nenema ke ame aɖewo sena le wo ɖokui me egbea, eye gadzɔdzɔ dome gbegblẽ ƒe nyatakaka si wosena le dɔmenyohabɔbɔwo ŋu ɖea dzi le amewo ƒo. Bu kpɔɖeŋu eve siwo dzɔ nyitsɔ laa ŋu kpɔ.\nWonya dɔmemegã aɖe si le subɔsubɔha ƒe dɔmenyohabɔbɔ aɖe si le San Francisco dzi kpɔm la le dɔme ɖe alesi wobe ebu dɔ si wowɔ ɖe mo nɛ ƒe fe kple dɔlar 500 ƒe nu si wòɖuna kwasiɖa sia kwasiɖa le nuɖuɖudzraƒe hena ƒe eve sɔŋ na dɔwɔƒea be woaxe ta. Le Britain la, ŋu kpe television dzi dɔmenyohabɔbɔ xɔŋkɔ aɖe ŋuti ɖoɖowɔlawo esime wova de dzesii be le pounde miliɔn 6.5 (anɔ United States dɔlar miliɔn 10 lɔƒo) si woɖo ɖa be woatsɔ atu tsyɔ̃eviwo nɔƒe le Romania ƒe nyaa me la, xɔ siwo mede esiwo wobia nu tututu o 12 ko wote ŋu tu eye womete ŋu ɖe alesi wozã ga gbogbo kpɔtɔea me o. Eme kɔ be nyatakaka siwo ɖea dzi le ame ƒo siawo tɔgbe sese nana nunala aɖewo dze nunya le ga home si woadzɔ kple amesiwo woadzɔe na la ŋu.\nÐe Woana Nu loo alo Womanɛ Oa?\nGake anye nublanuinya ŋutɔ be míana ame alo habɔbɔ ʋɛ aɖewo ƒe nuwɔna nana alesi míetsɔa ɖe le eme na amewo hesea veve ɖe wo nu ŋutɔŋutɔ nu nafa. Biblia gblɔ be: \"Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.\" (Yakobo 1:27) Ẽ, míaƒe ɖetsɔtsɔ le hiãtɔwo kple amesiwo dzi nu mede o me nye míaƒe Kristotɔnyenye ƒe akpa vevi aɖe.\nGake ɖewohĩ anɔ ɖokuiwò biam be, 'Ðe mayi edzi anɔ nu nam to dɔmenyohabɔbɔwo dzi loo alo ɖe matsɔ nunana ana ameawo tẽa?' Nunana ka tɔgbee Mawu di tso mía si? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030601\/Alekee-Nye-Amewo-%C6%91e-N%C9%94n%C9%94me-%C3%90e-D%C9%94menyonunana-%C5%8Au\/","date":"2020-01-25T23:33:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251681625.83\/warc\/CC-MAIN-20200125222506-20200126012506-00523.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988818765,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988818764686584}","num_words":546,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Mɔkpɔkpɔ Meva Eme O\nMƆKPƆKPƆBUÐEAME ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me, ne edze abe ŋutsua kple nyɔnua sɔ na wo nɔewo nyuie esime wonɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ene gɔ̃ hã. Gake aleke wɔ ame eve siwo dome le nyuie hafi woka srɔ̃ɖetam na wo nɔewo la ƒe nuwɔnawo va trɔ emegbe ale?\nBiblia gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ la \"akpɔ vevesese kple nuxaxa.\" (Korintotɔwo I, 7:28, The New English Bible) Zi geɖe la, xaxa sia ƒe akpa aɖe tsoa amegbetɔwo ƒe blibomademade gbɔ. (Romatɔwo 3:23) Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka, alo wo ame evea siaa metsɔ Biblia me gɔmeɖosewo le dɔ wɔm o. (Yesaya 48:17, 18) Gake ɣeaɖewoɣi la, mɔkpɔkpɔ siwo mate ŋu ava eme o nɔa ŋutsu alo nyɔnu aɖewo si wotsɔna gena ɖe srɔ̃ɖeɖe mee. Ne edzɔ alea la, ame nɔewo gɔmemasemase ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avɛ.\nMɔkpɔkpɔ Siwo Mate Ŋu Ava Eme O\nNe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnue nènye la, mɔkpɔkpɔ aɖewo anya nɔ asiwò hafi neva ɖe srɔ̃; enɔa nenema le ame akpa gãtɔ gome. Tɔ sẽ nàde ŋugble tso ale si nèkpɔ mɔ be yeƒe srɔ̃gbenɔnɔ nava nɔ ŋu kpɔ. Ðe nu siwo nèkpɔ mɔ na le srɔ̃ɖeɖe me la meva eme oa? Ne zã medo o la womebua fɔ ahakpala o, eya ta megaƒo nya ta be kuxiawo gbɔ manya kpɔ o. Agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖɔ nuwo ɖo. * (Timoteo II, 3:16) Gake fifia, anyo be nàgbugbɔ ŋku alé ɖe nu siwo nànya nɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me la ŋu.\nLe kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susuna be vividoɖeameŋu sɔŋue nɔa srɔ̃gbenɔnɔ me, abe ale si wòdzena le ŋutinya kpakpawo mee ene. Alo ɖewohĩ ànya susui be mia kple srɔ̃wòa miakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe mia nɔewo ŋu, alo akpɔ masɔmasɔ ɖe sia ɖe gbɔ le ŋutifafa me abe ame tsitsiwo ene. Ame geɖe hã bui be ne yewonya ɖe srɔ̃ ko la, ɖokuidziɖuɖu le gbɔdɔdɔnyawo me ƒe nya aɖeke megali o. Esi wònye be mɔkpɔkpɔ siawo nye esiwo ɖewohĩ mate ŋu ava eme o ta la, ate ŋu ana dzi naɖe le ame aɖewo ƒo.—Mose I, 3:16.\nMɔkpɔkpɔ bubu si mate ŋu ava eme o enye be srɔ̃ɖeɖe ɖeɖe dzaa ana ame nakpɔ dzidzɔ. Ele eme baa be kpeɖeŋutɔ ƒe amesinɔnɔ le agbe me ana ame nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ ya. (Lododowo 18:22; 31:10; Nyagblɔla 4:9) Gake ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be srɔ̃ɖeɖe nanye nukumɔ aɖe si dzi woato akpɔ masɔmasɔwo katã gbɔa? Ðeko srɔ̃ɖeɖea tona le mo na ame siwo bunɛ nenema zi ɖeka!\nMɔkpɔkpɔ Siwo Womeɖe Gblɔ O\nMenye mɔkpɔkpɔwo katãe metea ŋu vaa eme o. Ke boŋ, wo dometɔ aɖewo nyea didi siwo sɔ. Gake mɔkpɔkpɔ aɖewo ate ŋu ana kuxiwo nado mo ɖa. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: \"Mekpɔna be dzre ɖoa srɔ̃tɔ aɖewo dome le esi wo dometɔ ɖeka le lalam be woawɔ didi aɖe dzi na ye, evɔa ame evelia ya menya naneke tso didi ma ŋu o ta.\" Be míase ale si esia ate ŋu adzɔe gɔme la, bu kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ.\nKofi ɖe Ama, ame si le teƒe si didi tso wo dedu gbɔ kilometa gbogbo aɖewo. Hafi woaɖe srɔ̃ la, Ama kpɔe do ŋgɔ be ʋuʋu yi nuto yeyea me asesẽ na ye—vevietɔ esi wònye ame si kpea ŋu vie ta. Ke hã, eka ɖe edzi be Kofi akpe ɖe ye ŋu afi ma nanya nɔ na ye. Ama nɔ mɔ kpɔm be Kofi anɔ ye ŋu ahakpe ɖe ye ŋu yeanya exɔlɔ̃wo. Gake nuwo meva le yiyim nenema o. Ðeko Kofi ya nɔa dze ɖom kple exɔlɔ̃ gbogboawo hegblẽa Ama, si nye ame yeye le teƒea la, ɖeɖe ɖi. Ama bui be metsɔa ɖeke le eme na ye o, alo be egblẽ ye ɖi. Ebia eɖokui be: 'Nu ka tae Kofi mebua ame ŋu o ale?'\nÐe Ama ƒe didia nye esi mate ŋu ava eme oa? Menye nenemae kura o. Ðeko wòdi be ye srɔ̃a nakpe ɖe ye ŋu teƒe yeyea nama ye. Ŋu kpea Ama, eye esesẽna nɛ ŋutɔ be wòado ɖe ame yeye gbogbowo dome. Gake nya lae nye be Ama meɖe eƒe seselelãme sia gblɔ na Kofi kpɔ o. Eya ta Kofi menya nu si me tom Ama le o. Ne womewɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o la, nu kae ava adzɔ? Ama anɔ dziku dom ɖe edzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, abui be ye srɔ̃a metsɔ ɖeke le yeƒe seselelãmewo me kura o.\nÐewohĩ wò hã èse le ɖokuiwò me be mɔkpɔkpɔ bu ɖe ye, eye dzi ɖe le ye ƒo esi wòdze abe srɔ̃wò mele ɖeke tsɔm le wò nuhiahiãwo me o ene. Ne edzɔ alea la, nu kae nàte ŋu awɔ?\nÐe Nya La Gblɔ\nMɔkpɔkpɔ siwo meva eme o ate ŋu ate ɖe ame dzi ŋutɔ. (Lododowo 13:12) Ke hã, àte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: \"Ne edze nunya heƒoa nu nunyatɔe la ate ŋu aƒo nya ɖe amewo nu.\" (Lododowo 16:23, Contemporary English Version) Eya ta ne èkpɔe be womele nane si sɔ si yele mɔ kpɔm na gbɔ kpɔm na ye o la, ɖee gblɔ na wò kpeɖeŋutɔa.\nDze agbagba nàdi ɣeyiɣi si sɔ, teƒe si sɔ, kple nya siwo sɔ nàtsɔ aɖe wò dzimedidiwo agblɔ. (Lododowo 25:11) Ƒo nu tufafatɔe kple bubudeameŋutɔe. Wò taɖodzinua nenɔ susu me na wò—menye be nàbu fɔ wò kpeɖeŋutɔa o, ke boŋ be nàna wòanya wò didiwo kple wò seselelãmewo.—Lododowo 15:1.\nNu ka ta kurae wòle be nàwɔ esia ɖo? Ðe mele be kpeɖeŋutɔ ameŋubula nakpɔ wò nuhiahiãwo adze sii oa? Ate ŋu adzɔ be srɔ̃wòa mele nuawo kpɔm abe ale si nèle wo kpɔmee ene o, eye alɔ̃ faa ase nu gɔme na wò ne eɖe nuwo me nɛ. Ne èɖe wò didiwo kple hiahiãwo gblɔ la, mefia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea mekpɔ dzidzedze o, alo be wò kpeɖeŋutɔa nye ameŋumabula o.\nEya ta megahe ɖe megbe o, mia kple srɔ̃wò milé nyawo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, le kpɔɖeŋu si do ŋgɔ me la, Ama ate ŋu agblɔ na Kofi be: \"Meɖe kuku ènya, esesẽna nam ŋutɔ be mado ɖe ame gbogbowo dome. Ne anya wɔ la, manɔ kpekpem ɖe ŋunye vivivi va se ɖe esime manya amewo katã oa?\"\n'Ðe Abla Le Nusese Me'\nFifia bu nyaa ŋu le mɔ bubu nu kpɔ. Tsɔe be srɔ̃wò yɔ wò hegblɔ na wò be dzi mele ye dzɔm o, elabena mele yeƒe didi aɖe si sɔ dzi wɔm na ye o. Ne edzɔ alea la, ɖo to srɔ̃wòa! Megadze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta o. Ke boŋ 'nàɖe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, eye nànɔ blewu hã le dziku me.' (Yakobo 1:19; Lododowo 18:13) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: \"Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.\"—Korintotɔwo I, 10:24.\nÀte ŋu awɔ esia ne ètsɔ ɖokuiwò ɖo srɔ̃wòa teƒe. Biblia gblɔ be: \"Mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me\" alo le J. B. Phillips ƒe Biblia ƒe nya nu la, \"mi srɔ̃ŋutsuwo la, ele be miadze agbagba ase nu gɔme na mia srɔ̃ siwo mia kpli wo mieli la.\" (Petro I, 3:7) Nenema ke wòle be srɔ̃nyɔnuwo hã nadze agbagba ase nu gɔme na wo srɔ̃wo.\nÐo ŋku edzi be aleke kee mia kple srɔ̃wòa mieɖasɔ na mia nɔewo o, miaƒe nukpɔsusuwo masɔ le nya sia nya me o. (Kpɔ aɖaka si nye \"Wole Teƒe Ðeka, Le Nu Vovovo Kpɔm.\") Le nyateƒe me la, esia nyo, elabena enyo be woabu nyawo ŋu abe ale si ame bubu hã le ebumee ene. Le ƒome kple nuto si me mietso ta la, mɔkpɔkpɔ vovowoe nɔ mia kple srɔ̃wò si mitsɔ ge ɖe srɔ̃ɖeɖe me. Esia ate ŋu ana be togbɔ be mielɔ̃ mia nɔewo vevie hã la, miaƒe didiwo ya ato vovo.\nLe kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu anya tanyenye ƒe gɔmeɖose si le Biblia me la nyuie. (Efesotɔwo 5:22, 23) Gake aleke wòle be woawɔ tanyenyea ŋu dɔ le miaƒe ƒomea me, eye aleke wòle be woaɖe ɖokuibɔbɔ afiae? Ðe Biblia me gɔmeɖose sia kplɔa mi ame evea siaa, eye miedzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe ɖe wo nua?\nMiaƒe nukpɔsusuwo ate ŋu ato vovo le nya bubu siwo ku ɖe gbe sia gbe gbenɔnɔ ŋu ŋuti. Ame kae awɔ aƒemedɔ aɖewo? Ɣekaɣie miayi aɖasrã ƒometɔwo kpɔ, eye ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ? Aleke srɔ̃tɔ Kristotɔwo aɖee afia be yewotsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me? (Mateo 6:33) Le ganyawo gome la, woate ŋu anyi fe bɔbɔe, eya ta anyo be woazã ga nyuie ahalé be nɛ. Ke hã, nu kae beléle na ga kple ezazã nyuie fia? Ehiã be woadzro nya siawo tɔgbi me tso dzi me faa bubutɔe bene wòaɖe vi.\nNyawo me dzodzro alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ tomefafa geɖe le wò srɔ̃ɖeɖea me, nenye be nu siwo nèkpɔ mɔ na dometɔ aɖewo mekpɔ va eme haɖe o hã. Esia aw��e be anɔ bɔbɔe na wò be nàwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: \"Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.\"—Kolosetɔwo 3:13.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta me.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 10]\nWOLE TEƑE ÐEKA, LE NU VOVOVO KPƆM\n\"Tsɔe be tsaɖila gbogbo aɖewo le teƒe dzeani aɖe kpɔm. Togbɔ be nu ma ke ko kpɔm wo katã wole hã la, ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔnɛ toa vovo na nɔvia tɔ. Nu ka tae? Elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi tre ɖe teƒea ƒe akpa vovovo hafi le ekpɔm. Ame eve aɖeke meli siwo tsi tre ɖe afi ɖeka o. Hekpe ɖe eŋu la, menye teƒe ɖeka tututu ko kpɔm wo katã wole o. Ame sia ame le nu bubu si nya kpɔ nɛ wu la kpɔm. Nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe me. Ne wosɔ na wo nɔewo aleke ke hã, ame eve aɖeke ƒe susu mesɔ le nyawo ŋu pɛpɛpɛ o. . . . Dzeɖoɖo ƒe akpa aɖee nye be woadze agbagba ana nukpɔsusu vovovo siawo nade nu wo nɔewo me le ŋutilã ɖeka ƒe ƒomedodo me. Esia bia be woadi ɣeyiɣi aɖo dze.\"—Gbetakpɔxɔ, August 1, 1993, axa 4.\n[Aɖaka si le axa 11]\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ FIFIA\n• Dze agbagba nàɖɔ mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe si mate ŋu ava eme o la ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nànɔ gbɔgblɔm be, \"Míado kpo nugɔmesese na mía nɔewo gbeɖe o la,\" ɖoe wò taɖodzinu be yeawɔ ye tɔ sinua hena nyawo gbɔkpɔkpɔ le ŋutifafa me boŋ.—Efesotɔwo 4:32.\n• Ðe wò mɔkpɔkpɔwo gblɔ. Nyawo ɖeɖe gblɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi wotona srɔ̃na ale si woaɖe lɔlɔ̃ afia amewo ahade bubu wo ŋu.—Efesotɔwo 5:33.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\nLe toɖoɖo nu siwo le fu ɖem na srɔ̃wò me la, 'ɖe abla le nusese me'","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070415\/Ne-M%C9%94kp%C9%94kp%C9%94-Meva-Eme-O\/","date":"2020-02-24T18:13:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145966.48\/warc\/CC-MAIN-20200224163216-20200224193216-00111.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988232851,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988232851028442}","num_words":1800,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nCambodia\nWatch Tower Bible and Tract Society\n4-7-1 Nakashinden\nEBINA CITY KANAGAWA-PREF\n243-0496\nJAPAN\n+81 46-233-0005\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 6 va se ɖe ŋdɔ ga 3 (Indochina Ƒe Game)","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/cambodia\/","date":"2020-06-01T00:27:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413786.46\/warc\/CC-MAIN-20200531213917-20200601003917-00372.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989831448,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989831447601318}","num_words":84,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nWoate ŋu abia nya siwo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋu le mɔ vovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Nu ka tae míele anyigba dzi afi sia ɖo? alo Ðe tameɖoɖo aɖe le nye agbe ŋua? Biblia ɖee fia be nu si tae míele agbe ɖoe nye be míana xɔlɔ̃kadodo nanɔ mí kple Mawu dome. Bu nyateƒenya vevi siwo Biblia ɖe ɖe go la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.\nMawu ɖo ta me ɖe nu sia nu si wòwɔ la ŋu, eye mí amegbetɔwo hã míele eme.—Yesaya 45:18.\nMíeɖia kɔ na didi sia ne míena xɔlɔ̃kadodo va le mía kple Mawu dome. Togbɔ be gbɔgblɔ be xɔlɔ̃kadodo nanɔ mía kple Mawu dome adze nu si manya wɔ o na ame aɖewo hã la, Biblia de dzi ƒo na mí be: \"Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.\"—Yakobo 4:8; 2:23.\nBe míanye Mawu xɔlɔ̃ la, ele be míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Biblia ƒo nu tso tameɖoɖo sia ŋu le Nyagblɔla 12:13. Egblɔ be: \"Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!\"—Nyagblɔla 12:13.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/tame%C9%96o%C9%96o-si-le-agbe-%C5%8Bu\/","date":"2020-06-02T05:22:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347422803.50\/warc\/CC-MAIN-20200602033630-20200602063630-00080.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979332089,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979332089424133}","num_words":184,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xlẽ nu tso ale si míate ŋu anye ŋudɔwɔnu nyui na Yehowa togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu hã la ŋu. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa, eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene!\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/wode-d%C9%94-t%C9%94x%C9%9B-a%C9%96e-asi-na-mose\/","date":"2020-06-02T09:41:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347423915.42\/warc\/CC-MAIN-20200602064854-20200602094854-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9950022101,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9950022101402283}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2004 Nɔnɔme aɖe si Le Amegbetɔwo Ko Si Nyui Kple Vɔ̃—Aleke Nàde Vovototo Wo Domee? Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me Aha Muame Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Lɔlɔ̃tɔe Ŋu Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041201\/","date":"2020-07-11T11:22:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655929376.49\/warc\/CC-MAIN-20200711095334-20200711125334-00483.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977442026,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977442026138306}","num_words":51,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 15, 2006 Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome \"Le Anyigba dzi, Sigbe Alesi Wowɔna le Dziƒo Ene\" Dzidziɖedzi Nyui le Ƒukpo Dzeani aɖe Dzi \"Mina Míatsɔ Ŋɔŋlɔawo Asɔ Kple Wo Nɔewo\" Barux Yeremya ƒe Agbalẽŋlɔla Wɔnuteƒe La Dzidola Kple Nuteƒewɔlae Hiob Nye \"Miese Hiob Ƒe Dzidodo\" Èɖo Ŋku Wo Dzia? Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060815\/","date":"2020-07-12T22:50:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657140337.79\/warc\/CC-MAIN-20200712211314-20200713001314-00495.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960551858,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960551857948303}","num_words":57,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.246,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akpa kae kaka ɖe ame nɔewo dzi kple anukwareɖiɖi wɔna?\nGa mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, gake Biblia me mɔfiame ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo me.\nGanyawo he dzre geɖe de ƒomewo me. Kpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò gakuxiwo gbɔ la ɖa.\nMigalala ga navɔ le mia si hafi miava nɔ gazazã nyuie ŋu bum o. Misrɔ̃ ale si miazã ga nyuie hafi nuwo nava gbe asi me na mi.\nWhat can families do when getting out of debt seems impossible?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C6%92ome\/gazaz%C3%A3-nyuie\/","date":"2020-08-12T15:37:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738905.62\/warc\/CC-MAIN-20200812141756-20200812171756-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995897412,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999589741230011}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu ɖi ɖase na nyate��e si ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu\nLE NYA ME: Eɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu dzonɔamemetɔe\nLE NUWƆNA ME: Ale si wònɔ agbee ɖo kpe edzi be Mawu ƒe nyagblɔɖinya la nye nyateƒe\nEsi míenye Yesu yomedzelawo ta la, míawo hã míeɖia ɖase na nyateƒe la\nLE NYA ME: Míetsɔa dzonɔameme ɖea gbeƒã nya nyui si ku ɖe Fiaɖuƒe si Mawu ɖo si Kristo nye Fia na la ŋu, nenye be wole mía yome tim gɔ̃ hã\nLE NUWƆNA ME: Míedea akpa aɖeke dzi o, eye míenɔa agbe nyui tsɔ ɖenɛ fiana be míede Yesu ƒe dziɖuɖu dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct29-nov4\/yesu-%C9%96i-%C9%96ase-na-nyate%C6%92e-la\/","date":"2020-08-04T02:03:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735851.15\/warc\/CC-MAIN-20200804014340-20200804044340-00061.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983783364,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998378336429596}","num_words":107,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nGbɔgbɔ kɔkɔeae nye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia alo eƒe dɔwɔŋusẽ. (Mika 3:8; Luka 1:35) Mawu ɖoa eƒe gbɔgbɔa ɖe teƒewo le mɔ sia nu be eɖoa eƒe ŋusẽ ɖe teƒe mawo ale be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.—Psalmo 104:30; 139:7.\nNya si gɔme woɖe le Biblia me be \"gbɔgbɔ\" la nye Hebrigbe me nya ruʹach kple Helagbe me nya pneuʹma. Zi geɖe la nya mawo fiaa Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔe la. (1 Mose 1:2) Gake Biblia zãa nya mawo wofia nu bubuwo hã abe:\nAgbegbɔgbɔ alo ŋusẽ si nana be nu gbagbewo ʋãna.—Hiob 34:14, 15.\nAme ƒe agbenɔnɔ alo eƒe nɔnɔme.—4 Mose 14:24.\nGbɔgbɔ ƒe gɔmesese siawo katã fia nane si ƒe dɔwɔwɔ dzena amegbetɔwo kpɔna gake wometea ŋu kpɔa gbɔgbɔa ŋutɔ kple ŋku o. Nenema kee Mawu ƒe gbɔgbɔa hã \"le abe ya ke ene, enye nu makpɔmakpɔ sẽŋu aɖe.\"—An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ta.\nBiblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be 'asi' alo \"asibidɛwo.\" (Psalmo 8:3; 19:1; Luka 11:20; tsɔe sɔ kple Mateo 12:28.) Abe ale si ko aɖaŋudɔwɔla zãa eƒe asi alo asibidɛwo tsɔ wɔa nuwoe ene la, Mawu hã zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔ alo tsɔ wɔa nu siwo gbɔna:\nBiblia la.—2 Petro 1:20, 21.\nNɔnɔme nyui siwo ame siwo ɖoa toe ɖena fiana.—Galatiatɔwo 5:22, 23.\nMenye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o\nEsi Biblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa be eƒe 'asi' alo \"asibidɛwo\" alo \"ŋɔtimegbɔgbɔ\" la, eɖee fia be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o. (2 Mose 15:8, 10) Aɖaŋudɔwɔlaa ƒe asiwo mate ŋu awɔ dɔ eƒe susu kple eƒe ŋutilã ƒe akpa bubuwo manɔmee o; nenema kee ne Mawu fia mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ko hafi wòtea ŋu wɔa dɔ. (Luka 11:13) Biblia tsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa sɔ kple tsi eye wòtsɔe do ƒome kple nuwo abe xɔse kple sidzedze ene hã. Esiawo katã ɖee fia be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o.—Yesaya 44:3; Dɔwɔwɔwo 6:5; 2 Korintotɔwo 6:6.\nWoyɔ Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ŋkɔ na mí le Biblia me, gake gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ medze le afi aɖeke le Biblia me o. (Yesaya 42:8; Luka 1:31) Esi Kristotɔ Stefano si wowu ɖe eƒe xɔse ta kpɔ dziƒo nukutɔe le ŋutega aɖe me la, ame eve ko wòkpɔ le afi ma, menye ame etɔ̃ o. Biblia gblɔ be: \"Esi gbɔgbɔ kɔkɔe yɔe fũu la, ekpɔ dziƒo gãa, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.\" (Dɔwɔwɔwo 7:55) Gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔ kpe ɖe Stefano ŋu wòkpɔ ŋutega ma.\nAlakpanya siwo amewo gblɔna ku ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu\nNyateƒea: Nya siwo dze le Eʋegbe Biblia me le 1 Yohanes 5:7, 8 ƒe ɖewoe nye \"le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. Eye ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le anyigba dzi.\" Gake numekulawo va kpɔe be menye apostolo Yohanes ye ŋlɔ nya siawo o, eya ta menye Biblia me nyawoe wonye o. Nufialagã Bruce M. Metzger ŋlɔ bena: \"Nya siawo nye nyakpakpawo eye enye nyateƒe be mesɔ be woatsɔ wo akpe ɖe Nubabla Yeyea ŋu o.\"—A Textual Commentary on the Greek New Testament.\nNyakpakpa: Biblia ƒoa nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu abe amee wònye ene, eya ta efia be amee wònye.\nNyateƒea: Enye nyateƒe be ŋɔŋlɔawo ƒoa nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu ɣeaɖewoɣi abe amee wònye ene ya, gake esia mefia be amee wònye o. Biblia ƒoa nu tso nunya, ku, kple nu vɔ̃ hã ŋu abe amewoe wonye ene. (Lododowo 1:20; Romatɔwo 5:17, 21) Le kpɔɖeŋu me, woƒo nu tso nunya ŋu be ewɔa 'dɔ' eye \"viwo\" le esi, eye woɖɔa nu vɔ̃ be eblea ame nu, ewua ame eye wòbiãa ŋu.—Mateo 11:19; Luka 7:35; Romatɔwo 7:8, 11.\nNenema kee esime apostolo Yohanes yɔ Yesu ƒe nyawo la, eƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu abe amee wònye ene esi wògblɔ be enye \"kpeɖeŋutɔ\" si ana kpeɖodzi, afia mɔ, aƒo nu, ase nu, eye wòagblɔ nya, akafu ahaxɔ nya.\nNyakpakpa: Amewo nyɔnyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me ɖee fia be amee wònye.\nNyateƒea: Biblia zãa \"ŋkɔ\" ɣeaɖewoɣi tsɔ fia ŋusẽ alo ɖoƒe. (5 Mose 18:5, 19-22; Esta 8:10) Wogblɔa nya sia tɔgbi le Eŋlisigbe me be le \"sea ƒe ŋkɔ me,\" gake esia mefia be amee se la nye o. Ame si wonyrɔ le \"gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me\" lɔ̃na ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ kple akpa si wòwɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la dzi.—Mateo 28:19.\nNyakpakpa: Yesu ƒe apostolowo kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔ bubuwo xɔe se be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye.\nNyateƒea: Esia ƒe kpeɖodzi aɖeke mele Biblia alo ŋutinya me o. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be: \"Konstantinople ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le ƒe 381 Do Ŋgɔ Na Yesu . . . mee woto nufiafia si nye be Gbɔgbɔ Kɔkɔea hã nye Mawu la vɛ.\" Esia nye ƒe 250 kple edzivɔ le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nu-kae-nye-gb%C9%94gb%C9%94-k%C9%94k%C9%94e-la\/","date":"2020-11-27T03:19:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00173.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974555969,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974555969238281}","num_words":779,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gaŋkuidzraɖola Aɖe Ƒã Nuku Aɖe\nAkpa kae gaŋkuidzraɖola aɖe si le Lviv, Ukraine, ƒe agbagbadzedze wɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Russiagbe hame aɖe ɖoɖo le Haifa, Israel, si gbɔ didi kilometa 2,000, eye wòle dukɔ geɖewo godo la me? Esia nye ŋutinya aɖe si ɖe nya si Biblia gblɔ le Nyagblɔla 11:6 ƒe nyateƒenyenye fia, si gblɔ be: \"Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o.\"\nMÍAƑE ŋutinyaa dze egɔme le ƒe 1990 me, esime Ella, si nye ɖetugbi Yudatɔ, nɔ du si nye Lviv me. Ella kple eƒe ƒomea nɔ dzadzram ɖo be yewoaʋu ayi Israel. Esi wòsusɔ vie woadzo la, ɖoɖo aɖe nɔ gaŋkuidzraɖola aɖe si nye Yehowa Ðasefo kple Ella dome. Ɣemaɣi la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Ukraine. Ke hã, gaŋkuidzraɖola la xɔ ŋgɔ gblɔ eƒe Biblia dzixɔsewo na Ella. Esi wògblɔ na Ella be ŋkɔ le Mawu si la, ewɔ nuku nɛ ale gbegbe. Nya ma na Ella di be yease nya geɖe, eye ena be woɖo dze nyui aɖe le Biblia me.\nDzeɖoɖoa vivi Ella nu ale gbegbe be wòbia be yewoagayi edzi le kwasiɖa si kplɔe ɖo kple bubu si gakplɔe ɖo me. Eƒe ɖetsɔlemea nɔ dzidzim ɖe edzi, gake kuxi aɖe nɔ anyi. Woƒe ƒomea ƒe dzodzoɣi ayi Israel nɔ aƒe tum kabakaba. Nu geɖe gali Ella nasrɔ̃! Be wòana ɣeyiɣi si susɔ naɖe vi geɖe nɛ la, ebia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye gbesiagbe vaseɖe esime yeadzo. Togbɔ be Ella megayi nusɔsrɔ̃a dzi esi wòɖo Israel teti o hã la, nyateƒea ƒe ku ƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzi me. Kaka ƒea nawu enu la, egadze Biblia-sɔsrɔ̃a gɔme kple ŋkubiã.\nAʋa dzɔ le Persia-Ƒukɔme, eye Iraq nɔ tu siwo wodana tsoa didiƒe la dam ɖo ɖe Israel. Amewo va nɔ dze ɖom le nusia ŋu edziedzi. Gbeɖeka le fiase gã aɖe me la, Ella se ƒome aɖe si nye Russiatɔwo, siwo ʋu va yeyee la nɔ dze ɖom. Togbɔ be Ella ŋutɔ kpɔtɔ nɔ Biblia srɔ̃m hã la, ete ɖe ƒomea ŋu hegblɔ ŋutifafaxexe aɖe si ƒe ŋugbe Biblia do la ŋu nya na wo. Ena be wo mama, Galina; dadaa, Natasha; viaŋutsu, Sasha (Ariel); kple vianyɔnu, Ilana ƒoa ƒu Ella srɔ̃a Biblia kpli wo.\nSasha ye nye ƒomea me tɔ gbãtɔ si ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ—togbɔ be kuxi geɖe nɔ anyi hã. Togbɔ be enye sukuvi si nya agbalẽ ŋutɔ hã la, wonyae le suku le esi eƒe Kristotɔ ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ wòƒo eɖokui ɖe asrafohehexɔxɔ, si nye sukunusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe me o ta. (Yesaya 2:2-4) Sasha ƒe nyaa yi ɖe Israel-dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔ le Jerusalem, eye wodze na kafukafu esi woɖe gbe be woagbugbɔ Sasha axɔ ɖe sukua ale be wòate ŋu awu sukuƒea nu. Nyaa kaka ɖe dukɔ bliboa me. Le esia ta, Israeltɔ geɖe va nya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu. *\nEsi Sasha wu sukukɔkɔ nu la, ege ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Egbea la, enye mɔɖela vevi kple hamemegã. Nɔvianyɔnu Ilana hã va ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me kpe ɖe eŋu. Wo dada kple wo mama siaa nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo. Nuku si gaŋkuidzraɖola la ƒã kpɔtɔ nɔ ku tsem!\nElla ŋutɔ hã yi edzi wɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi eye eteƒe medidi o ete gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme. Le ʋɔtru gbãtɔ si nu Ella ɖo la, edo go Faina, amesi tso Ukraine va eteƒe medidi o. Blanuiléle nɔ fu ɖem na Faina. Ella va se emegbe be ɖeko Faina do gbe ɖa na Mawu be: \"Nyemenya amesi nènye ya o, gake ne èle to ɖomem la, ke kpe ɖe ŋunye\" vɔ teti koe nye ma wòƒo ʋɔ na nyɔnu blanuiléla la. Dzeɖoɖo dedzolãmename aɖe yi edzi le woa kple Ella dome. Faina bia nya geɖe, eye wòde ŋugble le ŋuɖoɖo siwo wonae la ŋu nyuie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva xɔe se be Yehowa Ðasefowoe le nyateƒea fiam tso Biblia me. Etrɔ asi le eƒe yunivɛsiti nusrɔ̃ɖoɖo ŋu ale be wòate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe ɖe hamea kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Le May 1994 me la, Faina xɔ nyɔnyrɔ. Ege ɖe mɔɖeɖedɔa me, eye wòwɔa kɔmpiuta dɔ ɣeyiɣi aɖe tsɔ kpɔa eɖokui dzii.\nLe November 1994 me esime Ella nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, ese le eɖokui me kpata be yegbɔdzɔ ŋutɔ. Eyi kɔdzi afisi wodoe kpɔ hekpɔe be abi nɔ eƒe dɔkavi me si nɔ ʋu ɖuɖum. Kaka fiẽsi naɖo la, Ella ƒe ʋu ɖiɖi va ɖo 7.2. Hamemegã aɖe le Ella ƒe hamea me, si nye Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti (HLC) si le afima ƒe zimenɔla, tsɔ atikewɔmɔnu vovovo siwo mabia ʋu zazã o ŋuti nyatakakawo yi na ɖɔktaawo. * Wowɔ dɔ na Ella ʋumadomadoe dzidzedzetɔe, eye eƒe lãme sẽ keŋkeŋ.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.\nNyaa wɔ dɔ ɖe Karl, si nye nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala, si kpɔ Ella gbɔ, amesi nye Yudatɔ si wodzi ɖe Germany, dzi ale gbegbe. Eva ɖo ŋku edzi be ye dzilawo, siwo tsi agbe le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me nya Yehowa Ðasefowo le fuwɔamegaxɔawo me. Karl bia nya geɖe. Togbɔ be vovo menɔ Karl ŋu kura o le eƒe atikewɔdɔa ta hã la, edi ɣeyiɣi hena Biblia-nusɔsrɔ̃ edziedzi. Kaka ƒe si kplɔe ɖo naɖo la, ete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kwasiɖa sia kwasiɖa.\nNukae do tso nuku si gaŋkuidzraɖola la ƒã me? Míekpɔ nusi dzɔ ɖe Sasha kple eƒe ƒomea dzi xoxo. Ella hã va zu mɔɖela vevi. Vianyɔnu, Eina, amesi do le sukukɔkɔ eteƒe medidi o, hã dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Faina hã nye mɔɖela vevi. Karl, nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala si kpɔ Ella gbɔ, hã nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ fifia eye wònye subɔsubɔdɔwɔla, si le Biblia ƒe nyateƒea ƒe dɔdaŋusẽ ŋu nya gblɔm na dɔnɔ siwo vaa egbɔ kple ame bubuwo.\nRussiatɔ siwo ʋu yi afima ƒe ƒuƒoƒo sue si nye Hebrigbe hame si le Haifa ƒe akpa aɖe tsã la va zu Russia-hame si me dzo le, si me Fiaɖuƒegbeƒãɖela 120 le fifia. Nusi gbɔ dzidziɖedzi sia ƒe akpa aɖe tsoe nye nya sia be gaŋkuidzraɖola aɖe si le Lviv wɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋudɔ tsɔ ƒã nuku aɖee!\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 6 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, ke kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, November 8, 1994, ƒe axa 12-15.\n^ mm. 9 HLC me tɔwo nɔa Yehowa Ðasefowo teƒe le xexeame katã, naa kpekpeɖeŋu le dɔnɔ kple kɔdzidɔwɔlawo dome kadodo me. Wonaa dɔyɔmɔnu siwo woate ŋu azã ɖe ʋudodo teƒe ŋuti nyatakaka si wotu ɖe atikewɔwɔ ŋuti numekuku yeyewo dzi la hã.\n[Anyigbatata si le axa 29]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nUKRAINE\nISRAEL\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nMountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]\nElla kple vianyɔnu Eina\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nÐasefo Russiagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo kpɔdzidzɔ si le Haifa. Miame yi ɖusime: Sasha, Ilana, Natasha, Galina, Faina, Ella, Eina, kple Karl","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010201\/Ga%C5%8Bkuidzra%C9%96ola-A%C9%96e-%C6%91%C3%A3-Nuku-A%C9%96e\/","date":"2020-11-27T01:01:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189030.27\/warc\/CC-MAIN-20201126230216-20201127020216-00001.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991608858,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999160885810852}","num_words":1123,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku\nLe Braɖa, July 17, 2007, ƒe fiẽ me, anɔ abe ga adre ene la, yameʋu aɖe tra ɖa tso mɔ gbadza si dzi yameʋuwo hona le le Brazil ƒe yameʋudzeƒe si amewo sɔa gbɔ le fũu le São Paulo dua ƒe titina la dzi. Yameʋu la tso ʋumɔ gã aɖe heyi ɖage ɖe agbadzraɖoƒe aɖe me. Ame 200 aɖewoe ku le afɔkua me.\nYAMEƲUFƆKU sia si wogblɔna be eyae nye sesẽtɔ si dzɔ le Brazil kpɔ la madzo le ame siwo ƒe ame veviwo tsi eme la ƒe susu me gbeɖe o. Ame siwo ƒe ame veviwo tsi afɔku sia me la dometɔ ɖekae nye Claudete. Enɔ television kpɔm ɣemaɣi esi wòse nu tso yameʋufɔkua ŋu. Viaŋutsu si ŋkɔe nye Renato hã nɔ yameʋua me. Exɔ ƒe 26 ko. Ewɔ ɖoɖo be yeaɖe srɔ̃ le October me. Claudete yɔe le eƒe asitelefon dzi ʋuu do kpoe. Vidada sia mu dze anyi henɔ avi fam hehehe, eye woble enu do kpoe.\nAntje ƒe ��ugbetɔ ku le ʋufɔku dziŋɔ aɖe me le January 1986 me. Esi wòse afɔkua ŋu nya la, etɔtɔ le eɖokui me ale gbegbe. Egblɔ be: \"Le gɔmedzedzea me la, nyemexɔe se kura o. Mesusui be drɔ̃e vɔ̃ aɖe ko kumee menɔ, eye be manyɔ enumake ahakpɔe be menye nyateƒee o. Menɔ dzodzom nyanyanya, eye mese veve helĩhelĩ abe ɖe ame aɖe tu kɔ dɔme nam ene.\" Antje lé blanuiléledɔ le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Togbɔ be afɔkua dzɔ ƒe 20 aɖewoe nye esi va yi hã la, egakpɔtɔ dzona nyanyanya ne eɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi.\nMíate ŋu atsɔ nyagbewo dzaa ko aɖɔ ale si ame ƒe ame vevi aɖe ƒe ku le vome nana wotɔtɔna, tsia yaa, bua mɔkpɔkpɔ, eye wònaa ame meganɔa eɖokui me o la wòade edeƒe o. Ke hã, amewo gaxaa nu vevie kokoko ne edze kɔte be woƒe ame vevi aɖe aku gɔ̃ hã, abe ale si wòate ŋu anɔ ne amea dze dɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene. Aleke kee wòɖale o, amewo xaa nu godoo. Nanci dada lé dɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe hafi ku le ƒe 2002 me. Ke hã, gbe si gbe dadaa ku la, Nanci nɔ anyi ɖe anyigba le kɔa dzi, eye wòtɔtɔ vevie. Ðeko wònɔ nɛ abe viɖe aɖeke megale agbea ŋu o ene. Ƒe atɔ̃ aɖewoe nye esia va yi, gake egafaa avi kokoko ne eɖo ŋku dadaa dzi.\nÐɔkta Holly G. Prigerson gblɔ be: \"Amewo meŋlɔa woƒe ame veviwo ƒe ku be gbeɖegbeɖe o, ɖeko woƒe susu dzona le edzi vie.\" Ne wò ame vevi aɖe ku le vome loo alo ɖe wòlé dɔ hafi ku o, àbia ɖokuiwò be: 'Ðe wòsɔ be maxa nua? Aleke wòanya wɔ be manɔ te ɖe nye ame vevi aɖe ƒe ku nui? Ðe magakpɔ nye ame vevi la akea?' Míadzro biabia siawo kple bubu siwo anya nɔ asiwò la me le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nEVERTON DE FREITAS\/AFP\/Getty Images","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080701\/Ne-W%C3%B2-Ame-Vevi-A%C9%96e-Ku\/","date":"2020-11-27T06:59:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189141.23\/warc\/CC-MAIN-20201127044624-20201127074624-00561.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964643717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964643716812134}","num_words":488,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Nexemiya Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Nexemiya ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Nexemiya BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Nexemiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Nexemiya Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012439\/univ\/art\/502012439_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/nexemiya\/","date":"2020-11-27T03:07:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987930655,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987930655479431}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.091,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukae míate ŋu asrɔ̃ tso sedede si le Mose II, 23:19 be: \"Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o,\" la me?\nMose ƒe Sea me sedede sia, si dze zi etɔ̃ le Biblia me la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nusi nyo ŋu, kpakple eƒe nublanuikpɔkpɔ, kple dɔmetɔtrɔ. Ete gbe ɖe alesi gbegbe wòlé fu alakpasubɔsubɔe hã dzi.—Mose II, 34:26; Mose V, 14:21.\nGbɔ̃vi alo lã bubu aɖe ɖaɖa le dadaa ƒe notsi me anye nuwɔna si tsi tre ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔmeɖoɖowo ŋu. Mawu na notsi lãwo be woana wo viwo ale be wòakpe ɖe wo ŋu woatsi. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be lã aɖe ɖaɖa le eya ŋutɔ dadaa ƒe notsi me anye \"vlo dodo ƒomedodo si Mawu na wòle lãa kple dadaa dome.\"\nGawu la, ame aɖewo susu be lã aɖe ɖaɖa le dada ƒe notsi me nye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si wowɔna be tsi nadza. Ne nyateƒee la, ekema sedede sia akpɔ Israel-viwo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe subɔsubɔkɔnu siwo me nunya mele o, siwo wowɔna tagbɔsesẽtɔe la me. Mose ƒe Sea gblɔe tẽ be mele be Israel-viwo nasrɔ̃ dukɔ bubuwo ƒe nuwɔnawo o.—Mose III, 20:23.\nMlɔeba la, se sia ɖe alesi gbegbe Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋui fia etɔxɛ. Le nyateƒe me la, sedede sia tɔgbe geɖe le Mose ƒe Sea me, siwo tsi tre ɖe ŋutasesẽ le lãwo ŋu ŋuti, eye ekpɔa wo ta tso nuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o la me. Le kpɔɖeŋu me, Sea meɖe mɔ be woatsɔ lã aɖe si wodzi, evɔ menɔ dadaa ŋu wòde ŋkeke adre ya teti haɖe o la, asa vɔe o, womeɖe mɔ be woawu lã kple dada siaa gbeɖeka o, eye womeɖe mɔ be woalé xevi aɖe le atɔ me akpe ɖe viawo alo eƒe aziwo ŋu o.—Mose III, 22:27, 28; Mose V, 22:6, 7.\nEdze ƒã be, menye sedede gbogbo siwo me susu mele o koe le Mose ƒe Sea me o. Viɖe siwo le Sea ŋu dometɔ ɖekae nye be eme gɔmeɖosewo nana nukpɔsusu nyuitɔ va nɔa mía si ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu, wònyea nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si la sɔsrɔ̃.—Psalmo 19:8-12.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\n© Timothy O'Keefe\/Index Stock Imagery","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060401\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-11-29T15:22:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141198409.43\/warc\/CC-MAIN-20201129123729-20201129153729-00313.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983217716,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983217716217041}","num_words":366,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana le Galilea, eye Yesu dada hã va afi ma. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe. 3 Esi wain vɔ le wo si la, Yesu dada gblɔ nɛ be: \"Wain vɔ le wo si.\" 4 Ke Yesu gblɔ nɛ be: \"Nyɔnu, afi kae nya sia ka na nye kpli wò?* Nye gaƒoƒo la meɖo haɖe o.\" 5 Dadaa gblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: \"Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.\" 6 Woɖi kpezɔ ade ɖe afi ma abe ale si Yudatɔwo+ ƒe ŋutikɔkɔɖoɖoa bia ene, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ tsi dzidzenu* eve alo etɔ̃. 7 Yesu gblɔ na wo be: \"Midu tsi ɖe zɔawo me woayɔ.\" Eya ta wodu tsia kɔ ɖe wo me woyɔ banaa. 8 Eye wògblɔ na wo be: \"Azɔ miku ɖe yi na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la.\" Eye wokui yi. 9 Ke esi srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la ɖɔ tsi si wotrɔ wòzu wain la kpɔ evɔ menya afi si wòtso o (togbɔ be subɔla siwo ku tsia yii ya nya hã) la, srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 hegblɔ nɛ be: \"Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.\" 11 Yesu wɔ nu sia le Kana le Galilea wònye eƒe nukunu* gbãtɔ, eye wòna eƒe ŋutikɔkɔe la dze;+ ale eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. 12 Esia megbe Yesu kple dadaa, nɔviaŋutsuwo+ kple eƒe nusrɔ̃lawo trɔ yi Kapernaum,+ gake ŋkeke ʋɛ aɖewo koe wonɔ afi ma. 13 Azɔ Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui+ la le ɖoɖom, eye Yesu yi Yerusalem. 14 Eye wòkpɔ ame siwo le nyiwo, alẽwo kple ahɔnɛwo+ dzram le gbedoxɔa me kpakple gaɖɔlila siwo nɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi. 15 Ale wògbi ka tsɔ wɔ atam henya ame mawo katã kpakple woƒe alẽwo kple nyiwo do goe le gbedoxɔa me, etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo.+ 16 Eye wògblɔ na ame siwo le ahɔnɛawo dzram la be: \"Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asitsaƒee o!\"+ 17 Ale eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be woŋlɔ ɖi be: \"Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu abi le menye abe dzo ene.\"+ 18 Eya ta Yudatɔwo biae be: \"Dzesi kae nàwɔ+ atsɔ aɖee afia be yekpɔ mɔ awɔ nu siawo?\" 19 Yesu ɖo eŋu na wo be: \"Migbã gbedoxɔ sia, eye magatui le ŋkeke etɔ̃ me.\"+ 20 Yudatɔwo biae be: \"Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àgbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ mea?\" 21 Ke gbedoxɔ si ŋu wòle nu ƒom tso lae nye eƒe ŋutilã.+ 22 Eya ta esi wofɔe tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be elɔ̃a nya sia gbɔgblɔ,+ eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya si Yesu gblɔ la dzi se. 23 Esi wòle Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ la dzi se, le esi wokpɔ nukunu siwo wɔm wòle la ta. 24 Ke Yesu ya meka ɖe wo dzi tututu o, elabena enya wo katã, 25 eye mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase le amegbetɔ ŋu nɛ o, elabena enya nu si le amegbetɔ me.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Esia nye adagana si fia be womelɔ̃ ɖe nya aɖe dzi o. Nya \"nyɔnu\" si wozã mefia bubumademade ame ŋu o.\n^ Ðewohĩ kpezɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔa tsi galɔn 12 va ɖo 17 (lita 44 va ɖo 66). Kpɔ Megbenyawo B14.\n^ Alo, \"dzesi.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yohanes\/2\/","date":"2021-05-16T06:03:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989690.55\/warc\/CC-MAIN-20210516044552-20210516074552-00059.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989247322,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998924732208252}","num_words":567,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 12, 2021\nXEXEA ME KATà ƑE NYADZƆDZƆWO\nLe video sia me la, Dɔdzikpɔhaa me tɔ aɖe na nyatakaka dedziƒoname aɖewo tso ale si nuwo le edzi yim le Betel le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣi sia me, eye Betel ƒomea me tɔ aɖewo ƒo nu tso kuxi siwo wodo goe kple yayra siwo wokpɔ ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/jw\/nuto\/xexea-me\/%C6%91e-2021-D%C9%94dzikp%C9%94ha-%C6%91e-Nyatakaka-Evelia\/","date":"2021-06-14T16:11:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612537.23\/warc\/CC-MAIN-20210614135913-20210614165913-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988199472,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988199472427368}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.327,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"APRIL 3, 2020\nXEXEA ME KATà ƑE NYADZƆDZƆWO\nÐasefowo kple ɖetsɔlemetɔ miliɔn geɖewo akpe le Braɖa, April 7, 2020 dzi hena Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia; esiae nye wɔna vevitɔ le ƒea me. Ke hã le ƒe sia me la, COVID-19 dɔvɔ̃a wɔe be ale si míawɔ Ŋkuɖodzia ato vovo vie. Le xexea me godoo la, ame geɖe akpɔ gome le wɔnaa me to videokadodowo dzi.\nLe dɔvɔ̃ sia ta la, dukɔ geɖe ƒe dziɖuɖuwo de se be amewo nagaƒo ƒu le agbɔsɔsɔ gãwo me o. Esia wɔe be hame geɖe le xexea me godoo wɔa woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo to videokadodowo dzi. Hame siawo ato mɔnu sia ke dzi aɖu Ŋkuɖodzia. Woada Ŋkuɖodzi ƒe wɔnaa si woƒo lé ɖi la ɖe jw.org nyatakakadzraɖoƒea ale be ame sia ame si lɔ̃ faa la nakpɔe.\nAme miliɔn 20 kple edzivɔ ye de Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me. Míele mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖe siwo menye Ðasefowo o hã akpɔ gome le wɔnaa me to videokadodo alo telefon katsiatsiã dzi, alo be woakpɔe le jw.org.\nLe dukɔ geɖe me la, dɔvɔ̃ sia yi edzi le nu gblẽm ale gbegbe. Le mía nɔviwo ƒe dedienɔnɔ ta la, ele vevie be mí katã míayi edzi azɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ va se ɖe esime dɔvɔ̃a nu va yi. Gake esi míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa ada megbe na mí ta la, míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be \"minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye\" la dzi.—Luka 22:19.\nÐasefo atsu kple asi aɖe le gome kpɔm le hame ƒe kpekpe aɖe me to videokadodowo dzi. Esiae nye zi gbãtɔ si ame gbogbo aɖewo aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la to mɔnu sia dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/jw\/nuto\/xexea-me\/Kristo-%C6%91e-Ku-%C6%91e-%C5%8Aku%C9%96odzi-Si-Ato-Vovo-Na-%C3%90e-Sia-%C3%90e-Si-Wow%C9%94-Kp%C9%94\/","date":"2021-06-14T16:05:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487612537.23\/warc\/CC-MAIN-20210614135913-20210614165913-00478.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987035394,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987035393714905}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.067,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.3,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Satana . . . le anyigbadzinɔlawo katã blem.—Nyaɖ. 12:9.\nMɔ aɖe si dzi Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tona kplɔa amewo trana ye nye gbɔgbɔyɔyɔ. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la ƒua asi akɔ be yewonya nanewo siwo amegbetɔ mate ŋu anya hafi o alo yewokpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒua asi akɔ be yewoate ŋu ato nukaka alo ɣletivimefakaka dzi anya etsɔme. Ame bubuwo ate ŋu anɔ nu wɔm abe ɖe wotea ŋu ƒoa nu kple kukuawo ene. Bubuwo hã wɔa adze alo madziki, eye wodzea agbagba be yewoaɖu dzo amewo alo asa gbe de wo. Le numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ 18 me le Latin America kple Karib-ƒukpowo dzi me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be yewoka ɖe madzikiwɔwɔ kple adzewɔwɔ dzi, nenema kee ame agbɔsɔsɔ ma kloe ka ɖe edzi be woate ŋu aƒo nu kple gbɔgbɔwo. Wowɔ numekuku ma ke le Afrika dukɔ 18 me. Le numekuku sia me la, ame siwo gblɔ be yewoka ɖe adzewɔwɔ dzi la wu ame siwo wobia gbee la ƒe afã. Gake afi ka kee míeɖale o, ele be míakpɔ nyuie le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. w19.04 20-21 ¶3-4\nAme aɖeke naganye ame si ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me . . . o.—Heb. 12:16.\nYehowa Mawu lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe. (Ps. 5:4-6) Aleke gbegbee wòalé fu gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu, si nye nu gbegblẽ nyɔŋu si vɔ̃ɖi lae nye esi! Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, mí ame siwo nye eƒe Ðasefowo míelé fu gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu eye míeɖea mɔ ɖe eŋu alo ŋea aɖaba ƒua edzi le Kristo hamea me kura o. (Rom. 12:9) Gbɔdɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tsi tsitre ɖe \"Kristo la ƒe se la\" ŋu tẽe! (Gal. 6:2) Lɔlɔ̃ dzie Yesu tu eƒe nyawo kple nuwɔnawo katã ɖo, eye wodea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe. Esi wònye be se sia ye fiaa mɔ Kristotɔ vavãwo ta la, wowɔa nu ɖe ɖeviwo ŋu le mɔ si nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie eye wolɔ̃ yewo vevie la nu. Gake gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye nuwɔna vɔ̃ɖi si nana ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be ame aɖeke mekpɔa yewo ta o eye womelɔ̃ yewo o. Nublanuitɔe la, wowɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe Kristotɔ vavãwo dometɔ aɖewo hã ŋu le woƒe ɖevime. Nu ka tae? Nu si tae nye be, \"ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo\" va bɔ ale gbegbe, eye wo dometɔ aɖewo adze agbagba be yewoage ɖe hamea me. (2 Tim. 3:13) Azɔ hã, ame aɖewo siwo ŋutɔ be yewo hã yewole hamea me la ɖe mɔ ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la ɖu wo dzi eye wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu. w19.05 8 ¶1-3\nŊusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.—Yak. 5:16.\nAme siwo ƒe dzi gbã gudugudu la sena le wo ɖokuiwo me be yewomedze ado gbe ɖa na Yehowa o. Ne míedi be míafa akɔ na ame sia tɔgbi la, míate ŋu ado gbe ɖa kplii ayɔ eŋkɔ le gbedodoɖaa me. Míate ŋu agblɔ ale si gbegbe mía kple hamea siaa míelɔ̃a nu le egbɔ o la na Yehowa. Míate ŋu abia Yehowa be wòana eƒe alẽ sia si gbɔ melɔ̃a nu le o la ƒe dzi nadze eme eye wòafa akɔ nɛ. Gbedodoɖa siawo tɔgbi ate ŋu ana amea ƒe dzi nadze eme. Bu nya siwo nàgblɔ la ŋu nyuie. Nuƒoƒo eŋumabumabui agblẽ nu le ame ŋu. Gake nya siwo wogblɔ dɔmenyotɔe la ate ŋu ada gbe le ame ŋu. (Lod. 12:18) Eya ta, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be wò susu nayi akɔfanyawo siwo ana dzidzeme ame la dzi. Ðo ŋku edzi be ŋusẽ mele nya aɖeke ŋu wu Yehowa ŋutɔ ƒe nya siwo le Biblia me o. (Heb. 4:12) Ne míefaa akɔ na mía nɔviwo la, míele ŋku ɖom edzi na wo be Yehowa lɔ̃ wo. Eye mele be míaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu hã o. Yehowa nya nu tso ame ɖe sia ɖe si ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo le ɖevime la ŋu, ne ame aɖeke menya nu tso eŋu o gɔ̃ hã. Yehowa kpɔa nuwo katã, eye magbe tohehe na nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo o.—4 Mose 14:18. w19.05 18 ¶18; 19 ¶19, 21","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew\/2021\/5\/8","date":"2021-07-26T17:42:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046152144.81\/warc\/CC-MAIN-20210726152107-20210726182107-00174.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964527488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964527487754822}","num_words":711,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na henɔ la. David ƒe ha. 19 Dziƒowo le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia;+Eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.+ 2 Tso ŋkeke yi ŋkeke wotoa nya,Eye tso zã yi zã woɖea sidzedze ɖe go. 3 Nuƒoƒo aɖeke meɖina o, eye nya aɖeke hã medona o;Womesea gbe aɖeke le wo nu o. 4 Gake wo ŋkɔ ɖina le* anyigba blibo la dzi,Eye woƒe nyawo de anyigba ƒe mlɔenu ke.+ Etu agbadɔ ɖe dziƒo na ɣe; 5 Ele abe ŋugbetɔsrɔ̃ si do tso eƒe xɔ me gbɔna ene;Etsoa aseye abe kalẽtɔ si le du ƒum le eƒe mɔ dzi ene. 6 Edzèna tso dziƒo ƒe go si me,Eye wòzɔna godoo yia eƒe go kemɛ me,+Naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o. 7 Yehowa ƒe se de blibo,+ enana ŋusẽ gaɖoa ame ŋu.*+ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya le eteƒe,+ enana bometsila dzea nunya.+ 8 Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi;+Yehowa ƒe sedede dza, enana ŋku dzi kɔna.+ 9 Yehowa vɔvɔ̃+ dza, eye wònɔa anyi ɖaa. Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.+ 10 Asixɔxɔ le wo ŋu wu sika,Wu sika nyuitɔ geɖe;+Eye wovivina wu anyitsi,+ wu anyitsi si le tsyɔtsyɔm tso anyixe me. 11 Woawoe wotsɔ xlɔ̃ nu wò subɔla;+Fetu gã le wo me léle ɖe asi me.+ 12 Ame kae ate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo adze sii?+ Tsɔ nye nu vɔ̃ siwo mewɔ le manyamanya me la kem. 13 Na wò subɔla naƒo asa na ɖokuiŋudzedze;+Mègana wòakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.+ Ekema manɔ blibo,+Eye vodada gãwo* ƒe fɔɖiɖi manɔ ŋunye o. 14 Na nye numenyawo kple nye dzimesusuwoNadze ŋuwò,+ Oo Yehowa, nye Agakpe+ kple nye Xɔnametɔ.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Agate ŋu afia, \"Gake woƒe dzidzeka de.\"\n^ Alo, \"enana luʋɔ gbɔa agbe.\"\n^ Alo, \"vodada geɖe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-31","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/19\/","date":"2021-07-26T23:34:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-31\/segments\/1627046152156.49\/warc\/CC-MAIN-20210726215020-20210727005020-00380.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979357719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979357719421387}","num_words":270,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.207,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 354\nStanza 1\nNuka gɔ̃ nye wò nu vevitɔ,\nSi gbɔ mèlɔ̃a nu lena o?\nNu nyuiwo sɔŋ bɔ ɖe xexea me,\nEsiwo wolɔ̃na vevie.\nNu ɖeka ko eƒo ta nam,\nEya nye Yesu ko.\nStanza 2\nBubu kpakple kesinɔnuwo\nWoble ame geɖewo yi,\nWoge ɖe tetekpɔ kple vɔ̃ me,\nEye wobú mɔkpɔkpɔ la;\nAƒetɔ, wo ko naɖi kɔ\nNa nye luʋɔ ɖaasi.\nStanza 3\nYesu ƒe ŋkɔ, si ƒo katã ta,\nAnɔ nye nu me gbesiagbe;\n'Ya ko nayɔ nye dzime fũ ɖaa,\nBe wòanye nu xɔasitɔ nam!\nŊkɔ sia nado ŋusẽm ɖaahe\nle agbe kple ku me!\nStanza 4\nOo, Aƒetɔ meda kpe na wò,\nLe wò dɔmɔnyonyo ŋuti;\nEye metsɔ ɖokuinye na wò,\nAbe nye vɔsasa ene.\nXɔm le amenuveve me,\nNanye nusianu na!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-354\/","date":"2021-09-27T07:14:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9905008078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.990500807762146}","num_words":125,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale Si Yehowa Ðasefowo Ðe Xɔse Fia, Akpa 1: Wodo Le Viviti Me\nBiblia Nusrɔ̃aviawo ɖe xɔse sẽŋu fia hafi te ŋu do le viviti tsiɖitsiɖi si me alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo kplɔ amewo dee la me. Ke hã woku kutri wɔ nu dzinɔameƒotɔe be yewoana nyateƒea ƒe kekeli naklẽ. De dzesi woƒe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ kpakple ale si Yehowa ɖe wo tso \"viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me\" le video sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/videowo\/wo%C9%96e-x%C9%94se-fia-akpa-1\/","date":"2021-12-04T06:47:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964362952.24\/warc\/CC-MAIN-20211204063651-20211204093651-00036.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993886948,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993886947631836}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.284,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Biblia nye Mawu ƒe Nya vavã?\nÀkpɔ mɔ be Mawu ƒe Nya la nanɔ etɔxɛ, eye nenema tututue Biblia le. Wota Biblia biliɔn geɖe ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me. Mawumenunya si le Biblia me la ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo ɖe edzi.\nMíenya be Mawu gbɔe Biblia tso, elabena egblɔa etsɔme ɖi wòvaa eme pɛpɛpɛ. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia le eɖokui si o. Míatsɔ Yesaya ƒe agbalẽa me nyawo awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Wofɔ agbalẽa ƒe ŋɔŋlɔ aɖe si nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi wova dzi Yesu la le agado aɖe si te ɖe Ƒu Kukua ŋu la me. Woŋlɔ ɖe eme be Babilon dugã la azu aƒedo. Esi Yesu va anyigba dzi dzo vɔ ƒe geɖe megbee nya sia va eme zi gbãtɔ.\nAleke wowɔ ŋlɔ Biblia?\nBiblia ŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔ. Tanya ɖeka ŋue ame siwo ade 40, siwo kpɔ gome le Biblia ŋɔŋlɔ me la ƒo nu tsoe, eye woƒe nyawo metsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu o. Aleke esia te ŋu va emee? Mawue fia nu si woaŋlɔ la wo.\nƔeaɖewoɣi la, Mawu toa mawudɔlawo, ŋutegawo, alo drɔ̃ewo dzi ƒoa nu na ame siwo wòzã tsɔ ŋlɔ Biblia. Zi geɖe la, Mawu dea nu si woaŋlɔ la ta me na Biblia ŋlɔlawo, eye wòɖea mɔ na wo be woaŋlɔ Mawu ƒe gbedeasia le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140201\/mawu-%C6%92e-nya-biblia\/","date":"2022-01-24T21:17:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320304600.9\/warc\/CC-MAIN-20220124185733-20220124215733-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994379878,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994379878044128}","num_words":230,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"4\nNu siwo hea avuwɔwɔ vanɛ\n1 Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa? 2 Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o. 3 Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.\n4 Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ. 5 Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? 6 Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be,\n\"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,\nke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.\"\n7 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu. 8 Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me. 9 Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle. 10 Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.\n11 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la. 12 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?\nAdegbeƒoƒo le etsɔ si gbɔna ŋuti\n13 Azɔ la, miɖo to nyuie, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, \"Egbe alo etsɔ míayi du si alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi, eye míakpɔ ga.\" 14 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene. 15 Ke boŋ migblɔ be, \"Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.\" 16 Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃, 17 eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JAS04.htm","date":"2022-08-10T17:16:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882571198.57\/warc\/CC-MAIN-20220810161541-20220810191541-00413.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989080429,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989080429077148}","num_words":426,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedasi: 63-1229M Ame Aɖe Le Afisia Si Ate ŋu Asi Dzo La\nYesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,\nAbe alesi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃ea me ene eye mede dzesi be yenɔ yeɖokui kpɔm o la, azɔ míele Mawu ƒe Ahuhɔ̃e me kpɔm, Eƒe Nya la, eye míele dzesi deme be, FOFO, NYEE MA, menye Wò Nya la ƒe dzedzeme. Menye Wò Nya si woɖe ɖe go. Xɔsetɔ ye menye, menye Wò Ŋugbetɔ!\nGbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la kɔa míaƒe Xɔse yia kɔkɔƒe yeyewo. Egblɔ na mí be edze be míanɔ hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me: Xɔsetɔwo, ame wɔ woɖokui xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo. Esime míekpɔ Eƒe ahuhɔ̃e me la míedo ɣli be, \"Mele ekpɔm, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, míenye Xɔsetɔwo. Elabena Xɔsetɔ ɖeka koe ate ŋu axɔ nuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple nyati ɖe sia ɖe dzi ase; FOFO, NYEE.\"\nNaneke meli si ate ŋu aɖikɔ na mí aɖana mí Agbe o negbe Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi. Mɔ ma ɖeka dzi ko Agbe ate ŋu ato ava, to Eƒe Nya si woɖe gblɔ, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la dzi.\nMidzra ɖo, geɖe wu gbɔna Kɔsiɖagbe sia, Siamlɔm 17, ƒe 2022. Amea ɖe le afisia si le Dzo la si ge, eye ne Ewɔe la, míakatã ƒe gbewo me ahe le ɣlidodo kple aƒadodo sesĩe be Amen, Aleluya, Woakafu Aƒetɔ la Ƒe Ŋkɔ, Ŋutikɔkɔe na Mawu ta, elabena Mawu Ŋutɔ ye anɔ nuƒom na mí teŋ aɖaɖe Eƒe Nya fia mí awu.\nAbe alesi ŋdɔkutsu ma ke, si le keklẽm egbe la, ana bena nuku la naɖi hena nuŋeŋe la le Siamlɔm me ene. Mikpɔ nusi gblɔm mele la? Gake egbe ƒe Kekeli la mawɔ nyuie aɖeke le megbe le afima le Siamlɔm me o. Esẽnu wu. Lu la de ŋgɔ wu; ele klalo be Yeaxɔe. Amen. Kakaɖedzitɔe la nenema wòle.\nNuŋeŋe la tsi! Míede ŋgɔ wu hele klalo wu be Míaxɔe. Yesu ɖo nuɖukplɔ̃, afisi wonyia Mawu ƒe amekɔkɔeawo le kple ŋkeke la ƒe Nuɖuɖu si ɖi. Nyanyuie la ƒe Kekeli le kpeɖom edzi hele efiam bena Ele afisia egbea kpli mí. Ame kɔkɔewo le gbɔgbɔme Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la ɖum, hele dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe.\nNe míaƒe Pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe dzi la, trɔ asi le dzosimɔ̃ ma ŋu hesi Ɖeɖefia ƒe kekeli la, Agblɔ amesi Wònye le míaƒe ŋkeke me la na mí ko. Ado ɣli aɖana mí toklã be, mekpɔmɔ be miele alɔ̃ dɔm o ɖe.\nNoa nye Kekeli le eƒe ŋkeke me. Mose nye eƒe gaƒoƒo la ƒe Kekeli, azɔ medɔ nyagblɔɖila sesẽ aɖe ɖo ɖe wò le wò ŋkeke me eye mele Nye Nya si ƒe ŋugbe medo la ɖem ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go le wò ŋkeke me. Eyae nye egbe ƒe Kekeli la.\nEsime Menɔ afisia le anyigba dzi le ŋutilã me zi mamlɛtɔ la, Metsɔ ƒo ƒe abolo atɔ̃ gbãtɔawo eye medze aboloawo ŋeŋe gɔme. Mewɔ abolo tso gbãtɔa me eye wòna nuɖuɖu ame akpe atɔ̃.\nEmegbe la Metsɔ tɔmelã ɖeka, eye tso tɔmelã ma dzi la, mewɔ tɔmelã bubu gawɔ tɔmelã bubu ake, henyi ame akpe atɔ̃.\nGake le wò ŋkeke me la, naneke menɔ Asinye o. Ɖeko meƒo nu hegblɔ be, \"Gblɔe anɔ afima,\" eye wònɔ afima, naneke manɔmee. Kadzidɔe menɔ asinye kpɔ o; ɖeke menɔ afima o. Ɖeko Megblɔ be, \"Nedo,\" eye wòdo. Nye Nya medana ƒu o, eye elebe wòava me.\nAbe Israel viwo ene, esime wonɔ woƒe mɔzɔzɔ me la, wonɔ mana yeye ɖum gbe sia gbe. Wonɔ zɔzɔm le Dzo Lilikpo ƒe Kekeli me. Dzo Lilikpo ma nye Yesu Kristo.\nEgbe la Egali kpli mí ake, Dzo Lilikpo ma ake, le numawo ke si Wòwɔ wɔm esime Wònɔ anyigba dzi le afisia hele Eƒe Nya la ŋu wum.\nMíele wò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒe pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la, asi Ɖeɖefia ƒe Kekeli la, esime míase: 63-1229M \"Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La\".\nNɔvi. Joseph Branham\nMose I 1:3, Ta 2\nPsalmowo 22\nYoel 2:28\nYesaya 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7\nMateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28\nMarko Kɔkɔe ta 16\nNyaɖeɖefia ta 3","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/svfellowship.info\/ee\/22-0717-ame-a%C9%96e-le-afisia-si-ate-nu-asi-dzo-la\/","date":"2022-10-05T15:14:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030337631.84\/warc\/CC-MAIN-20221005140739-20221005170739-00615.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989138842,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989138841629028}","num_words":697,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.006,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Aɖaŋuɖoɖo Nyui Xɔxɔ Hiã?\nLE EGBEŊKEKEAWO me la, ame geɖe susuna be yewoate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome eye be yewokpɔ mɔ awɔ nusianu si dze yewo ŋu. Ame bubuwo gblɔna be nusianu nyo, zi alesi ewɔwɔ ana ame nakpɔ dzidzɔ ko. Nu le gbegblẽm le srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ, nusi dzi woxɔ se ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, be eya dzie hadomegbenɔnɔ nɔ te ɖo, la ŋu vevie.—Mose I, 3:5.\nBu Verónica * si le Mexico ŋu kpɔ. Eka nya ta be: \"Esi wòsusɔ vie míaɖu míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 15 lia ƒe azã la, srɔ̃nye gblɔ nam be yenɔ ahiã wɔm kple nyɔnu bubu aɖe. Egblɔ be esi nyɔnua nye ɖetugbi wum eye egbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na ye wu ta la, yemadi be yeaɖe asi le eŋu o. Ete ɖe dzinye ŋutɔ be tso gbemagbe la, xɔ̃nye vevitɔa megale gbɔnye nɔ ge ahado evelia nam o. Tsã la, mesusuna be míaƒe ame veviwo ƒe kue nye vevesese gãtɔ kekeake. Gake nye ya meva kpɔe be ahasiwɔwɔ nana wosea veve wu elabena menye amesi melɔ̃ vevie ɖeɖekoe bu ɖem o, ke eyi edzi wɔa nusiwo doa dziku nam hã.\"\nŊutsu aɖe si xɔ ƒe 22 si gbe srɔ̃a xoxo eye viŋutsuvi le esi gake mele lɔlɔ̃m be yeatsɔ yeƒe agbanɔamedziwo abe vifofo ene o hã ƒe nuteƒekpɔkpɔ li. Enɔ mɔ kpɔm be ye dada nakpɔ ye kple ye vi ŋutsuvia dzi. Ne dada mewɔ nusiwo katã wòdi nɛ o la, ekpɔa dziku henɔ edzum abe alesi ɖevi dzimakpla wɔa nui ene. Dadaa mete ŋu wɔa naneke le nɔnɔme baɖa sia ŋu o.\nMenye kpɔɖeŋu mawo koe li o. Kaklã kple srɔ̃gbegbe le dzidzim ɖe edzi le afisiafi. Meganye nu yeye na ɖevi geɖewo be woakpɔe be wo dzilawo dometɔ ɖeka nadzo le aƒe me ahadze agbenɔnɔ yeye gɔme le teƒe bubu o. Sɔhɛaɖewo megadea bubu amewo, kple wo dzilawo siaa ŋu o, eye wowɔa nu siwo wosusuna tsã be ɖeviwo mate ŋu awɔ o. Gbɔdɔdɔ, atikevɔ̃ɖizazã, sɔhɛwo ƒe amedzidzedze, kple nufialawo alo dzilawo wuwu va bɔ ŋutɔ le dukɔ geɖewo me. Eye ɖewohĩ ànya de dzesii be menye vihehe kple srɔ̃ɖeɖe me koe kuxiwo le le egbexexea me o.\nEsi míele nudzɔdzɔ siawo teƒe kpɔm la, mían�� mía ɖokui biam be nukae le dzɔdzɔm ɖe amegbetɔƒomea dzi mahã. Ne amegbetɔwo nya vovototo le nyui kple vɔ̃ dome nyateƒe la, ke nukatae womekpɔ kuxi geɖe gbɔ o? Ðe míehiã aɖaŋuɖoɖo nyuiwo xɔxɔa? Ðe aɖaŋuɖoɖo ɖevi mawo ƒomevi, si dzi woate ŋu aka ɖo xɔƒe aɖe lia? Togbɔ be ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu kple eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzi se hã la, edze abe esia mekpɔa ŋusẽ gobi aɖeke ɖe woƒe nyametsotsowo dzi o ene. Gake viɖe kawoe míakpɔ ne míexɔ aɖaŋuɖoɖo tso Mawu gbɔ? Na míadzro nya ma me le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040815\/%C3%90e-A%C9%96a%C5%8Bu%C9%96o%C9%96o-Nyui-X%C9%94x%C9%94-Hi%C3%A3\/","date":"2022-09-29T17:29:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335362.18\/warc\/CC-MAIN-20220929163117-20220929193117-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988021255,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998802125453949}","num_words":472,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexe Si Me Madzɔmadzɔnyenye Bɔ Ðo\nÈLƆ̃ ɖe edzi be xexe madzɔmadzɔ aɖe mee míelea? Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ aɖe edzi. Ne woagblɔe tututu la, ŋutete ka kee ɖale mía ŋu loo alo aleke kee míeɖawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe agbe ŋui o, kakaɖedzi aɖeke meli kãŋ be míava kpɔ kesinɔnuwo, akpɔ dzidzedze, alo akpɔ nuɖuɖu gɔ̃ hã o. Zi geɖe la, ɖeko wòva nɔna abe alesi nunyala Fia Salomo si nɔ anyi le blema gblɔe ene be: 'Nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnukpɔkpɔ mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o.' Nukatae? Salomo yi edzi be, elabena 'ɣeyiɣi kple nuɖiɖeame li na amewo katã.'—Nyagblɔla 9:11.\n\"Ne Ɣeyiɣi Vɔ̃wo Ði Ðe Ame\"\nẼ, \"ɣeyiɣi kple nuɖiɖeame,\" si zi geɖe la, fiana afɔkuteƒe aɖe ɖoɖo tututu ko kple afɔkua ƒe dzɔdzɔ ɖe ame dzi la, gblẽa ɖoɖo siwo míewɔ nyuie kple mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamewo me zi geɖe. Le Salomo ƒe nya nu la, míenɔa 'abe tɔmelã siwo ɖɔ ɖe ene kple abe xevi siwo ɖo mɔ̃ me ene, ne ɣeyiɣi vɔ̃wo ɖi ɖe mí.' (Nyagblɔla 9:12) Le kpɔɖeŋu me, ame miliɔn geɖe dea agble ɖeɖimateameŋutɔe bene yewoakpɔ nuɖuɖu ana yewoƒe ƒomewo ko kasia woanya la, tsimadzamadza kple kuɖiɖi gblẽ woƒe nukuawo eye \"ɣeyiɣi vɔ̃wo\" ƒe mɔ̃ ɖea wo.\nAme bubuwo dzea agbagba be yewoana kpekpeɖeŋu, ke hã, zi geɖe la, edzena abe kpekpeɖeŋu si xexe bliboa naa amesiwo ɖo \"ɣeyiɣi vɔ̃wo\" me gɔ̃ hã nyea nusi mesɔna ɖe enu o ene. Le kpɔɖeŋu me, le aʋa si woho ɖe dɔwuame ɖeɖeɖa ŋu nyitsɔ laa me la, kpekpeɖeŋunaha xɔŋkɔ aɖe gblɔ be \"ne woma ga si woka ɖe Gulf-ʋa la wɔwɔ ŋu ɖe akpa atɔ̃ la, eƒe akpa ɖeka koe wotsɔ na kpekpeɖeŋu [Afrika] anyigbagã bliboa.\" Ðe wòsɔ be dukɔ siwo si alɔme le la nagblẽ ga home si wozã ɖe vevesese kple fukpekpe si dɔwuame he va anyigbagã blibo dzi dziɖeɖekpɔtɔ ŋu la, ƒe teƒe atɔ̃ ɖe aʋawɔwɔ ŋu le dukɔ ɖeka pɛ ko mea? Eye ɖe wòsɔ be le ɣeyiɣi si me ame geɖe kpɔ ŋutilã me dzidzedze la, anyigbadzinɔla 1 le 4 ɖesiaɖe me nagakpɔtɔ anye ame dahe kolikoli alo be dɔléle siwo woate ŋu aƒo asa na hafi nanɔ ɖevi miliɔn geɖe wum ƒe sia ƒea? Gbeɖegbeɖe!\nLe nyateƒe me la, menye \"ɣeyiɣi kple nuɖiɖeame\" koe wɔnɛ be \"ɣeyiɣi vɔ̃wo ɖina ɖeame\" o. Ŋusẽ sẽŋu aɖewo siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke kura le o hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi hedea asi nusiwo dzɔna ɖe mía dzi me. Alea tututue wòdzɔ le Beslan, Alania, le ƒe 2004 ƒe kele me, esime ame alafa geɖe, siwo dometɔ geɖeawo nye ɖevi sue siwo woxɔ ɖe suku le ŋkeke gbãtɔ dzi la, ku le ŋɔdzidonamelawo kple kpovitɔwo dome ʋa aɖe me. Ele eme baa be nudogoɖenunu koe wònye be ame aɖewo ku eye ame aɖewo tsi agbe le afɔku ma me ya—gake nusi koŋue he \"ɣeyiɣi vɔ̃\" ma vɛ enye aʋa si amegbetɔwo wɔ.\nAlea Koe Wòanɔ Ðaa?\nNe ame aɖewo le nu ƒom tso madzɔmadzɔnyenye ŋu la, wogblɔna be: \"Gake ale ko agbe le. Alea koe wònɔ tso gbaɖegbe ke, eye alea koe wòanɔ ɖaa.\" Le woƒe nya nu la, ame sesẽwo alo amegãwo ayi edzi anɔ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo alo wo teviwo tem ɖe anyi ɖaa, eye kesinɔtɔwo anɔ ame dahewo bam ɖaa. Wogblɔna be esia kpakple \"ɣeyiɣi kple nuɖiɖeame\" ayi edzi anɔ nu gblẽm le mía ŋu zi alesi ameƒomea gakpɔtɔ li ko.\nAleae wòle be wòanɔ nyateƒea? Ðe wòanya wɔ gbaɖegbe be amesiwo zãa woƒe ŋutetewo tagbɔɖaɖɛtɔe kple nunyatɔe la naxɔ fetu si wodze na tso woƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã mea? Ðe ame aɖe ate ŋu awɔ nane atsɔ ahe tɔtrɔ mavɔ ava xexe madzɔmadzɔ sia mea? Kpɔ nya si nyati si kplɔe ɖo agblɔ tso esia ŋu ɖa.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nMAXIM MARMUR\/AFP\/Getty Images","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20051101\/Xexe-Si-Me-Madz%C9%94madz%C9%94nyenye-B%C9%94-%C3%90o\/","date":"2023-09-28T03:40:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510358.68\/warc\/CC-MAIN-20230928031105-20230928061105-00394.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979495406,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979495406150818}","num_words":627,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ta si le dzogoe ene me ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nX\n- ta la ƒe didime ememetɔ\nY\n- ta la ƒe kekeme ememetɔ\nW\n- Tsi ƒe kɔkɔme\nH\n- gli ƒe kɔkɔme le miame\nH2\n- gli ƒe kɔkɔme ɖusime\nU1\n- ledge ƒe didime\nU2\n- afɔɖeɖea ƒe kekeme\nA\n- Gli ƒe titrime\nB\n- ete ƒe titrime\nE\n- Edge ƒe kekeme\nF\n- Axa ƒe kɔkɔme\nÐoɖowɔɖia akpe ɖe ta la ƒe nɔnɔme wɔwɔ kple xɔtunu agbɔsɔsɔme si woazã ƒe akɔntabubu ŋu.\nLe eƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu abu akɔnta le ta la ƒe akpa si le eme kple eƒe axawo ŋu hena nusiwo woatsɔ aƒle nu siwo woatsɔ adze ŋgɔe kple esiwo woatsɔ axe mɔ ɖe tsi nu, agbaa ƒe didime, anya kɔkrit agbɔsɔsɔme kple anyigbadɔ agbɔsɔsɔme si woatsɔ awɔe xɔtutu, di tsi agbɔsɔsɔme si woatsɔ atia dɔwɔnu nyuitɔ kekeake ahaƒle na ta la.\nBe nàbu akɔnta la, tsɔ asixɔxɔ siwo sɔ kpe agble siwo le fesre si le miame la me.\nLe ema megbe la, ɖoɖowɔɖia ana emetsonua wò le pool ƒe nɔnɔmetata ƒe nɔnɔme me kple parameters ƒe hatsotso aɖe si hiã na akɔntabubuwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/pool\/","date":"2023-10-05T01:46:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511717.69\/warc\/CC-MAIN-20231005012006-20231005042006-00553.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997523427,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997523427009583}","num_words":187,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.31,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyatakaka siwo ku ɖe nyatakakadzraɖoƒea ƒe sewo kple alesi woawɔe ŋu.\nDɔdzikpɔlawoe kpɔa dɔwɔnua dzi. Se aɖewo li siwo ŋu wòle be nàde bubui ne èdi be yeaganɔ kuxiwo me o.\nNe wò ŋutɔe nye dɔdzikpɔla alo dɔdzikpɔla la, esiae nye kpekpeɖeŋunagbalẽ si wòle be nàxlẽ:\nMènye míaƒe dɔdzikpɔha me tɔ o, gake àdi be yeawɔea? Ekema taflatse xlẽ kpekpeɖeŋunagbalẽ sia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/moderation_index.html","date":"2023-09-23T11:16:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00674.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997809529,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997809529304504}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.103,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.19,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu\n\"Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.\"—Mateo 19:6.\nNu si wòfia. Atsu kple asi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedze la bua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, wodzea agbagba be yewoakpɔ egbɔ tsɔ wu be yewoatsɔe ado taflatsɛ ahaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te. Ne srɔ̃tɔwo ɖoa ŋku edzi be yewodo ŋugbe na yewo nɔewo be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu la, wosena le wo ɖokui me be yewole dedie. Kakaɖedzi nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe si be ye srɔ̃ ayi edzi alé srɔ̃ɖenubablaa me ɖe asi.\nNu si ta wòle vevie. Le go geɖe me la, kuku ɖe ame nɔewo ŋu ye nye nu vevi si naa srɔ̃ɖekadodoa me sẽna. Ke hã, ne masɔmasɔwo te mo dodo ɖa la, srɔ̃tɔawo va bua srɔ̃ɖeŋugbedodoa be enye mɔ ɖe yewo le esi teƒe be wòanye nu si ana kakaɖedzi nanɔ wo si. Ne míagblɔe la, atam si woka be yewoakpɔtɔ anye srɔ̃tɔwo 'zi ale si yewo ame evea yewoanɔ agbe' la va le ko abe atamkaka gbɔlo, si ŋu srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe adi be yeakpɔ gbagbaƒe aɖe le ado le eme ene. Ðewohĩ womagbe wo nɔewo ŋutɔŋutɔ ya o, gake woate ŋu \"aɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te\" le mɔ bubuwo nu—le kpɔɖeŋu me, eɖoɖo koŋ agbe nuƒoƒo na ame nɔewo le ɣeyiɣi si me wòle be woakpɔ kuxi sesẽwo gbɔ.\nTe mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be aleke gbegbee nèɖenae fiana be nèku ɖe srɔ̃wò ŋui mahã.\n▪ Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mía dome la, ɖe mesena le ɖokuinye me be evem be meɖe srɔ̃nyea?\n▪ Ðe wòdzroam zi geɖe be manɔ ame bubu aɖe gbɔ tsɔ wu srɔ̃nyea?\n▪ Ðe megblɔna na srɔ̃nye ɣeaɖewoɣi be, \"Madzo le gbɔwò\" alo \"Madzo ayi aɖadi ame bubu aɖe si ade asixɔxɔ ŋunyea\"?\nTso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble le nu ɖeka alo eve siwo nàte ŋu awɔ be miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ la ŋu. (Susu aɖewoe nye esi: Nɔ nya vivi aɖewo ŋlɔm na srɔ̃wòa edziedzi, srɔ̃wòa ƒe foto aɖewo nenɔ asiwò le dɔwɔƒe, alo ƒo ka na srɔ̃wòa tso dɔme gbe sia gbe nàtsɔ aɖee afia be yele esusum.)\nÐe manyo be nàgade ŋugble tso mɔnu bubu aɖewo siwo dzi nàto awɔ esiae la ŋu eye nàbia srɔ̃wòa be kawoe ado dzidzɔ nɛ wu hã oa?—g09 10-E.\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nAbe ale si ko gakpo si le mɔdodo xa kpɔa ʋuwo ta be woagatra mɔ o ene la, nenema kee kuku ɖe ame nɔewo ŋu hã kpɔa wò srɔ̃ɖeɖea tae\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\n© Corbis\/age fotostock","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200910\/Nu-2lia-Kuku-%C3%90e-Ame-N%C9%94ewo-%C5%8Au\/","date":"2023-10-01T02:03:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510734.55\/warc\/CC-MAIN-20231001005750-20231001035750-00782.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998978138,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989781379699707}","num_words":446,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Te Ðe Mawu Ŋu\nEsime Yehowa Ƒo Nu Tso Eɖokui Ŋu\nALEKE nàɖɔ Mawu—eƒe amenyenye kple ale si wòwɔa nui? Bu eŋu kpɔ be nàte ŋu abia nya Mawu ŋutɔ tso eɖokui ŋu eye nàsee wòaƒo nu tso eƒe nɔnɔmewo ŋu na wò. Mɔnukpɔkpɔ ma tututue su nyagblɔɖila Mose si. Dzidzɔtɔe la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ nu si dzɔ la ɖi.\nMose ƒo koko na Yehowa le Sinai To la dzi be: \"Meɖe kuku, na makpɔ wò ŋutikɔkɔe la!\" (2 Mose 33:18) Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, mɔnukpɔkpɔ su nyagblɔɖilaa si wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe akpa sue aɖe. * Mose megblɔ nu siwo katã wòkpɔ le ŋutega wɔdɔɖeamedzi ma me la tsitotsito o. Ke boŋ nane si le vevie kura ŋu koŋue wòƒo nu tso, si nye nya siwo Mawu gblɔ. Na míadzro nya siwo Yehowa gblɔ la me, abe ale si wòdze le 2 Mose 34:6, 7 ene.\nNu gbãtɔ si Yehowa ɖe fia tso eɖokui ŋue nye be yenye \"nublanuikpɔla kple amenuve Mawu.\" (Kpukpui 6) Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be \"nublanuikpɔla\" la ɖe ale si Mawu \"ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu abe ale si vifofo sena le eɖokui me ɖe viawo ŋui ene la fia.\" Nya si gɔme woɖe be 'amenuveve' la do ƒome kple dɔwɔnya si \"he susu yi ale si ame aɖe ƒe dzi aʋãe be wòakpe ɖe ame aɖe si hiã tu ŋu faa la dzi.\" Eme kɔ ƒãa be Yehowa di be míanya be yeléa be na yesubɔlawo abe ale si dzilawo léa be na wo viwo ene—le numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ ƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le woƒe nuhiahiãwo me vevie me.—Psalmo 103:8, 13.\nYehowa gblɔ yi edzi be yenye ame si \"gbɔa dzi blewu.\" (Kpukpui 6) Medoa dziku ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi la ŋu kabakaba o. Ke boŋ egbɔa dzi ɖi na wo hetsɔa dzidodo kpɔa wo sinu be woava ɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.—2 Petro 3:9.\nMawu yi edzi gblɔ be yenye ame si ƒe \"amenuveve [deto] kple [nyateƒe] sɔ gbɔ.\" (Kpukpui 6) Amenuveve deto, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, nye nɔnɔme vevi aɖe si dzi Yehowa tona naa ƒomedodo si le eya kple eƒe amewo dome la me gasẽna ɖe edzi helia ke. (5 Mose 7:9) Yehowae nye nyateƒe ƒe dzɔtsoƒe hã. Mate ŋu able ame o, eye womate ŋu able eya hã o. Esi wònye \"nyateƒe Mawu\" ta la, míate ŋu axɔ nya sia nya si wògblɔna, si me eƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu hã le, la dzi ase bliboe.—Psalmo 31:5, NW.\nNyateƒenya vevi bubu aɖe si Yehowa di be míanya tso ye ŋue nye be yetsɔa 'vodada, dzidada, kple nu vɔ̃ kena.' (Kpukpui 7) Elɔ̃na tsɔa nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ƒe 'nu vɔ̃wo kea' wo. (Psalmo 86:5) Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa medea nu gbegblẽ wɔwɔ dzi o. Egblɔ be 'yemegbea tohehe o.' (Kpukpui 7) Mawu kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ la megblẽ ame siwo ɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ wɔm la ɖi tomahemahee o. Woaxɔ woƒe nuwɔna vɔ̃awo ŋuti fetu godoo.\nAle si Yehowa ŋutɔ ƒo nu tso eɖokui ŋu la na wòdze ƒãa be edi be míadze si ye ahanya nu tso yeƒe amenyenye kple nuwɔnawo ŋu nyuie. Ðe esia meʋã wò be nàgasrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu oa?\n[Etenuŋɔŋlɔ]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090501\/Esime-Yehowa-%C6%91o-Nu-Tso-E%C9%96okui-%C5%8Au\/","date":"2023-10-03T17:14:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511170.92\/warc\/CC-MAIN-20231003160453-20231003190453-00006.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9871123433,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9871123433113098, \"ajg_Latn_score\": 0.012907085008919239}","num_words":535,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amewo Le Mawu Ƒe Ŋkɔa Nyam!\n● Ne èɖi tsa le Orleans Ƒukpo dzeania dzi, le Quebec City dua ŋu le Canada la, àde dzesii enumake be ame siwo ʋu va afi ma gbã la do vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ. Blema gbedoxɔ siwo wotu ɖe mɔ to la gale mɔ si ƒo xlã ƒukpoa la dzi kokoko, eye sɔlemexɔ le duawo dometɔ ɖe sia ɖe me.\nGbedoxɔ gbãtɔ si wotu ɖe Quebec le 1717 me la gakpɔtɔ le Saint-Pierre dua me. Togbɔ be ezu aɖaŋunuwo dzraɖoƒe fifia hã la, nu ɖedzesi aɖe le afi ma. Ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔna ŋlɔa Mawu si na woŋlɔ Biblia la ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, dze le ataro la tame.\nLe dukɔ geɖe me egbea la, ƒãa hafi nàse ame aɖe nayɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Katolikotɔwo ƒe sɔleme, kaka wòanye be woaŋlɔe ɖe afi ma nàkpɔ. Agbalẽ aɖe si papa ɖo ɖe Katoliko hamewo tso Vatikan la le ƒe 2008 me de se kura gɔ̃ hã be mele be \"woazã alo ayɔ\" Mawu ƒe ŋkɔ le Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔwɔna aɖeke, woƒe hadzidziwo alo gbedodoɖawo me o. Evɔ Biblia na eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu di be \"woakafu [yeƒe] ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.\"—2 Mose 9:16.\nYehowa Ðasefowo xɔe se be menye Mawu ƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe sɔlemexɔ aɖe me koe ana ame ƒe nu nadze eŋu o, ke boŋ ebia nu geɖe sãsãsã wu ema. Wozãa gaƒoƒo miliɔn 1,500 kple edzivɔ tsɔna fiaa nu amewo le xexea me godoo tso Mawu ƒe ŋkɔ kple ta me siwo wòɖo la ŋu. Wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋlɔ ɖe afi si wòdze be wòanɔ le Biblia me. Woɖe nyawo gɔme pɛpɛpɛ, abe ale si wòle le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me ene la, ɖe Biblia si wota, si woyɔna be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me, eye ŋkɔ Yehowa dze le eƒe Eŋlisigbe me tɔ me zi 7,000 kloe. Wota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo miliɔn 165 sɔŋ ɖe gbegbɔgblɔ 83 me fifia. Nya si koŋ wòle be míabia tso Mawu ƒe ŋkɔa zazã ŋue nye: Kpeɖodzi kae le ame aɖe si, si tae wòagbe be mele be míazãe o?—g10-E 07.\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]\nWota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si me ŋkɔ Yehowa dze le zi 7,000 kloe la bliboa alo eƒe akpa aɖewo ɖe gbegbɔgblɔ 83 me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201010\/Amewo-Le-Mawu-%C6%91e-%C5%8Ak%C9%94a-Nyam\/","date":"2023-09-28T17:22:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510427.16\/warc\/CC-MAIN-20230928162907-20230928192907-00586.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968477488,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968477487564087}","num_words":382,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.304,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KafukafunyawoMíeɖo aɖaŋu be nàdzi afɔɖeɖeawo ƒe xexlẽme ɖe edzi gakpɔtɔ le edzi yim 3Afɔɖeɖe ƒe goglome si sɔ\nTete ɖa tso alesi wòanɔ bɔbɔe ƒe mɔfiame gbɔ to 31.4%\nAtrakpuiawo ƒe dzogoe si sɔ 34.3°\nAtrakpui si dzi wofa vie\nAtrakpuiwo ƒe nɔnɔmetata si wowɔ le mɔ gbadza nu\nAfɔɖeɖe ƒe nɔnɔmetata\nAfɔɖeɖe ƒe nɔnɔmetata ƒe nɔnɔmetata\nBowstring ƒe nɔnɔmetata\nNyatakaka gbãtɔwo\nAtrakpui ƒe kɔkɔme 2500 mm\nAtrakpui si le ɖoɖoa me ƒe didime 3000 mm\nNuƒolanɔƒea ƒe Kekeme 800 mm\nAfɔɖeɖewo ƒe xexlẽme 10\nFefewɔƒe boŋ 4 afɔɖeɖewo\nAfɔɖeɖe ƒe titrime 50 mm\nledge ƒe afɔɖeɖewo 50 mm\natrakpui ƒe ka\nAtrakpuiawo ƒe ka si le etame ƒe didime 2663 mm\nAtrakpuiawo ƒe ka si le ete ƒe didime 1775 mm\nAdzɔge si le akplɔa dzi le lãɖeɖe siwo le atrakpuiawo te dome 444 mm\nAtrakpui ƒe dzogoe 34.3° tso anyigba ƒe dzidzeme dzi\nAfɔɖeɖe ƒe lolomewo\nAfɔɖeɖe ƒe Kɔkɔme 250 mm\nAfɔɖeɖe ƒe goglome 417 mm\nRiser ƒe kɔkɔme 200 mm\n© www.zhitov.ru","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica2\/calculator.php","date":"2023-09-26T11:31:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510208.72\/warc\/CC-MAIN-20230926111439-20230926141439-00058.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997084141,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997084140777588}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.114,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.338,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nÐe wòasɔ be nyateƒe Kristotɔ nayi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ mea?\nGomekpɔkpɔ le alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖesiaɖe ƒomevi me medzea Yehowa ŋu o eye ele be woatsrii. (Korintotɔwo II, 6:14-17; Nyaɖeɖefia 18:4) Kunuwɔwɔ le sɔlemexɔ me nye subɔsubɔ nuwɔna si ate ŋu alɔ mawunyagbɔgblɔ si doa nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, abe luʋɔ makumaku kple ame nyuiwo katã ƒe dziƒo yiyi ene ɖe ŋgɔ la, ɖe eme. Ate ŋu alɔ nuwɔna siwo nye atitsoga ƒe dzesi wɔwɔ kpakple ɖekawɔwɔ kple nunɔla alo osɔfoa le gbedodoɖa me hã ɖe eme. Gbedodoɖa kple subɔsubɔkɔnu bubu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o hã ate ŋu anye srɔ̃kpekpe si woawɔ le sɔlemexɔ me ƒe akpa aɖe. Ne Kristotɔ aɖe le ƒuƒoƒo aɖe si me tɔ ɖesiaɖe le gome kpɔm le alakpasubɔsubɔ ƒe nuwɔnawo me la, asesẽ nɛ be wòaɖu ŋusẽ si ɖekawɔwɔ kpli wo kpɔna ɖe ame dzi la dzi. Aleke susu manɔ eme o enye si be woaɖe mɔ nuwɔna mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi!\nKe ne Kristotɔ aɖe see le eɖokui me be ahiã kokoko be yeayi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ aɖe me ɖe? Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ ate ŋu abia tso srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si be wòanɔ wɔna sia teƒe kpli ye. Ðe mate ŋu ayi kplii abe nuteƒekpɔla ko ene oa? Le bubudede srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔa ƒe didiwo ŋu ta la, srɔ̃nyɔnua ate ŋu atso nya me be yeayi kplii ahaɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le subɔsubɔkɔnu aɖeke me o. Le go bubu me la, ate ŋu atso nya me be yemayi o kple susu be nɔnɔmeawo ƒe nyaƒoɖeamenu le seselelãme gome nu ate ŋu ava sẽ na ye akpa si awɔe be wòayi dada ge le mawumegɔmeɖosewo dzi gɔ̃ hã. Eya ŋutɔ ƒe nyametsotso wòanye. Ðikeke mele eme o be, adi be yeavo le yeƒe dzi me, eye be yeƒe dzitsinya ŋuti nakɔ.—Timoteo I, 1:19.\nAleke kee wòɖale o, ade eyama dzi wu be wòaɖe nu me na srɔ̃ŋutsua be yeƒe dzitsinya maɖe mɔ na ye be yeakpɔ gome le subɔsubɔ nuwɔna aɖeke alo hadzidzi me alo abɔbɔ ta ne wole gbe dom ɖa o. Le numeɖeɖe si wòana nu la, srɔ̃ŋutsua akpɔe be ye srɔ̃nyɔnua kpɔkplɔ ɖe asi ate ŋu ahe nɔnɔme madeamedzi aɖewo vɛ na ye. Ate ŋu atiae be ye ɖeka yeayi le lɔlɔ̃ si le esi na srɔ̃a, bubu si wode srɔ̃nyɔnua ƒe dzixɔsewo ŋu, alo didi be yeaƒo asa na ŋukpeɖuɖu ɖesiaɖe ta. Gake ne srɔ̃ŋutsua te tɔ ɖe edzi be wòayi kpli ye la, ekema srɔ̃nyɔnua ate ŋu atiae be yeayi abe nuteƒekpɔla ko ene.\nNusi mele be míaŋlɔ be o enye ŋusẽ si gomekpɔkpɔ le wɔna aɖe me le subɔsubɔha aɖe ƒe takpexɔ me akpɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi. Ðe wòate ŋu agblẽ nu le ame aɖewo ƒe dzitsinya ŋua? Ðe wòawɔe be tame si woɖo kplikpaa be yewoaƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ me nagbɔdzɔa? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: 'Miaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu.'—Filipitɔwo 1:10.\nNe ƒomea me tɔ kplikplikpli aɖe ŋue wɔnawo ku ɖo la, ɖewohĩ ƒometɔwo ƒe nyaƒoɖeamenu asesẽ wu. Aleke kee nyaa ɖale o, ele be Kristotɔ nada nɔnɔmeawo akpɔ nyuie le go ɖesiaɖe me. Le nɔnɔme aɖewo me la, eya ŋutɔ atso nya me be kuxi aɖeke mado mo ɖa ne yeyi kuteƒe alo srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ me abe eteƒekpɔla ko ene o. Ke hã nɔnɔmeawo anɔ ale gbegbe be nusi wɔnaa wɔƒe yiyi ate ŋu agblẽ le eya ŋutɔ ƒe dzitsinya alo ame bubuwo tɔ ŋu alolo sasasã wu vi siwo wòaɖe. Aleke kee nɔnɔmeawo ɖale o, ele be Kristotɔa nakpɔ egbɔ be nyametsotso si yeawɔ la magblẽ dzitsinya nyui si le ye si le Mawu kple amegbetɔwo gbɔ la dome o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020515\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-07T00:22:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100626.1\/warc\/CC-MAIN-20231206230347-20231207020347-00617.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969328046,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969328045845032}","num_words":626,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lãwo—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ\nÈÐI tsa de lãwo kpɔƒe alo lãwo ƒe fefewɔƒe kpɔa? Ðe wòdzroa wò be yeaka asi lã dzeani aɖe—ɖewohĩ lã klitsu si nye dzata alo kpɔ̃ gã siwo le Siberia—ŋu alo alili asi wo ŋua? Ðewohĩ èkpɔ ame aɖe si naa hehe lãwo alo wo dzikpɔla aɖe kpɔ wònɔ vivi dom ɖe lãwo ŋu w��nya kpɔ na wò. Le nyateƒe me la, Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ ƒe 2,000 kloe enye si va yi be: \"Womlã lã wɔadãwo kple xeviwo kple nutatawo kpakple ƒumelãwo ƒe dzɔdzɔme, eye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme mlã wo.\"—Yakobo 3:7.\nLã ƒomevi ɖesiaɖe ɖea eƒe seselelãme fiana ne wolé be nɛ hetsɔ ɖe le eme nɛ lɔlɔ̃tɔe. Le nyateƒe me la, wo kpɔkpɔ woanɔ fefem kple amegbetɔ siwo léa be na wo hemlã wo la ate ŋu ado dzidzɔ na ame. Romatɔ agbalẽŋlɔla si ŋkɔe nye Pliny, si kple Biblia-ŋlɔla Yakobo woanya ŋlɔ woƒe nyawo le ɣeyiɣi ɖeka me, ƒo nu tso atiglinyiwo, dzatawo, kpɔ̃wo, hɔ̃wo, lowo, dawo, kple tɔmelãwo gɔ̃ hã mamlã ŋu.\nLe nyateƒe me la, lãwo mamlã be woazu amegbɔlãwo dze egɔme tso gbaɖegbe ke. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yakobo kple Pliny ƒe nuŋɔŋlɔwo la, Egiptetɔwo mlãa lã wɔadãwo wonɔa wo gbɔ le aƒewo me. Egbea la, àte ŋu akpɔ lã siwo nàkpɔ le lãkpɔƒewo la dometɔ geɖe le aƒewo me le teƒe aɖewo.\nƑomedodo si Nɔ Woa Kple Amegbetɔwo Dome Tsã\nBiblia, si me amegbetɔwo ƒe blemaŋutinya xoxoetɔ kekeake le la ka nya ta be amegbetɔ gbãtɔ, Adam, ye tsɔ ŋkɔ na lãwo. Biblia gblɔ be: \"Alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ. Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã.\" (Mose I, 2:19, 20) Edze ƒã be Adam va dze si lãwo nyuie ale gbegbe be wòte ŋu tsɔ ŋkɔ si sɔ na wo. Ke hã, mehiã takpɔkpɔ aɖeke o—mehiãe le lã wɔadãwo gɔ̃ hã ta o. Ŋutifafa nɔ woa kpli wo dome, eye aleke gbegbee wòanya se vivi le kadodo kpli wo me enye si!\nMawu tsɔ lãwo dzi kpɔkpɔ de asi na Adam kple srɔ̃a Xawa siaa. Le alesi Biblia ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo fia nu la, ɖe wòɖoe be amegbetɔwo \"[naɖu] ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!\"—Mose I, 1:26.\nKadodo Kplikplikpli si Anɔ Anyi Ðaa\nNe amewo ɖu lãwo dzi le mɔ nyui nu la, nu nyuiwo te ŋu dona tsoa eme. Wote ŋu bua lã si ƒe nya wolɔ̃ be enye zɔhɛ malɔ̃nugbɔ, abe ƒomea me tɔ gɔ̃ hã ene. Nyateƒenya si wònye be ele alea ƒe akpe geɖewoe nye si va yi la dze le Biblia me nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe ame dahe aɖe ƒe \"alẽvi sue ɖeka\" aɖe ŋu la me. Nyagblɔɖila Natan gblɔ tso ame dahea ƒe alẽvia ŋu na Fia Dawid be: 'Alẽvia ɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edɔa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.'—Samuel II, 12:1-3.\nEgbea ame geɖe ate ŋu ase alesi lã aɖe ate ŋu ava zu ame aɖe ƒe zɔhɛ si gbɔ melɔ̃a nu lena o, abe eƒe ƒomea me tɔ ene, la gɔme. De ŋugble le ƒome aɖe si le teƒe aɖe si te ɖe Harare, Zimbabwe ƒe fiadu, ŋu la ŋu kpɔ. Dzilawo ƒle avu na wo viawo dometɔ ɖesiaɖe be wòanye woƒe zɔhɛ. Gbeɖeka ŋutsuviawo dometɔ ɖeka, si axɔ ƒe enyi ɣemaɣi, nɔ tsa ɖim kple eƒe avu, kasiaa da gã vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be gle ge tso ati aɖe me dze eŋgɔ. Gle la lu ɖe ŋutsuvia dzi, gake avua ƒu du sesĩe enumake va xɔ na ɖevia. Àte ŋu akpɔ alesi avu sia axɔ si na ƒome ma le susu mea?\nTokunɔwo dea asixɔxɔ avu siwo wona hehee be woana kpekpeɖeŋu wo la ŋu ale gbegbe. Nyɔnu aɖe gblɔ be: \"Ne woƒo agbonugaa la, Twinkie senɛ eye wòvana va kaa asi nye afɔ ŋu hedzea ŋgɔnye yia agboa nu. Nenema kee ne Twinkie se ga si le nye numemɔ̃ ŋu ƒe ɖiɖi, si fia be nusi mem mele la bi la, eƒua du vaa gbɔnye eye mekplɔnɛ ɖo. Wona hehe Twinkie be ne ekpɔ dzudzɔ alo se kpẽ ɖi be dzo dze aƒe la, wòawɔ dzesi aɖe ahamlɔ anyigba atsɔ aɖee afia be afɔku gbɔna.\"\nƑomedodo xɔasi si nɔa ŋkuagbãtɔwo kple woƒe mɔfiavuwo dome hã ɖe dzesi etɔxɛe. Michael Tucker, si naa hehe mɔfiavuwo, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye The Eyes That Lead, xɔe se be mɔfiavu ate ŋu ana ŋkuagbãtɔ ƒe agbenɔnɔ natrɔ kura, \"wòakpɔ ablɔɖe, wòanɔ eɖokui si, wòate ŋu ayi afisiafi, ahakpɔ zɔhɛ.\" Le nyateƒe me la, ƒomedodo si le avu siawo kple woƒe aƒetɔwo dome la kpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame!\nNenema kee wòle le amesiwo nye wɔametɔwo le go bubuwo me eye zɔhɛvuwo le wo si la gome. Wofia avu aɖe si le nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me si la be wòate ŋu atsɔ telefon eye wòatu stamp lɛtakotoku dzi! Avu bubu aɖe wɔna ɖe dzesi vovovo 120 dzi, etsɔa ganugoe me nu kple nu bubu siwo eƒe aƒetɔ di be yeaƒle le fiase me gɔ̃ hã nɛ. Eƒe aƒetɔ wɔametɔa zãa tɔtsi aɖe sia akaɖi ɖe nusi wòdi be yeaƒle dzi eye avua fɔa nuawo nɛ.\nAmegbɔlãwo kpena ɖe ame tsitsiwo hã ŋu. Lãwo ƒe atikewɔla aɖe gblɔ be amegbɔlãwo, siwo dome avuwo le, \"naa taɖodzinu kple gɔmesese nɔa ame tsitsiwo ƒe agbe ŋu le ɣeyiɣi siwo me wotsi akogo me.\" The Toronto Star ka nya ta be: \"Zɔhɛlãwo ɖea woƒe aƒetɔwo ƒe nuteɖeamedzi kple kɔdzidede dzi kpɔtɔna, henaa wohayana kaba tsoa dzidɔdzeamedzi gɔ̃ hã me.\"\nThe New Encyclopædia Britannica gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: \"Amegbɔlãwo ƒe anyinɔnɔkple ame naa mɔnukpɔkpɔ sua amewo si be woafia alesi mɔnukpɔkpɔ aɖe ƒe amesisusu bia agbanɔamedzi tsɔtsɔe la ɖeviwo eye wònaa mɔnukpɔkpɔ wo hã be woasrɔ̃ nane tso gbɔdɔdɔ ŋu. Eteƒe medidina o wodea dzesi lãwo ƒe asiyɔyɔ, emegbe wodea dzesi alesi fufɔfɔ nɔna kple kuxi siwo nɔa vidzidzi kple vidzikpɔkpɔ me tsoa lãwo gbɔ.\"\nBeléle na Amegbɔlãwo\nAlesi lãwo kuna ɖe woƒe aƒetɔwo ŋu anukwaretɔe wòɖe dzesi la naa ame aɖewo ɖea lɔlɔ̃ deto fiaa wo gbɔ lãwo wua woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã. Le srɔ̃gbegbenyawo dɔdrɔ̃ me la, wotsoa nya me ɣeaɖewoɣi le amesi gbɔ wòle be amegbɔlã aɖe nayi le nunɔamesiwo ŋuti nyaʋiʋliwo gbɔ kpɔkpɔ me la ŋu. Eye amewo ŋlɔ wo gbɔ lãwo ƒe ŋkɔ ɖe woƒe domenyinumaɖoɖo me be woanyi yewoƒe kesinɔnu gbogbo aɖewo dome.\nMewɔ nuku o be ga geɖe ŋutɔ le dɔ siwo ku ɖe amegbɔlãwo ŋu me egbea! Agbalẽwo kple magazinewo li siwo me aɖaŋuɖoɖowo le tso nya sia nya si ku ɖe amegbɔlãwo ŋu. Esi asitsahawo de dzesii be amesiwo gbɔ lãwo le dometɔ aɖewo lɔ̃na zã ga home ɖesiaɖe si hiã ko ɖe woƒe lãwo ŋu ta la, wowɔa nusianu si lãtɔawo di na wo.\nLe kpɔɖeŋu me, amesi si amegbɔlã le ate ŋu akplɔe yi lãwo ƒe ɖɔkta xɔŋkɔ aɖe si kpɔa lãwo ƒe dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe gbɔ la gbɔ. Lãwo ƒe tagbɔdɔdalawo li, siwo ŋlɔa blanuilélenutsitike woƒlena na lãwo. Gakpe ɖe eŋu la, senyalawo li hena nya siwo ku ɖe lãwo ŋuti gbɔ kpɔkpɔ, wo ŋuti nugblẽfexeɖoɖowɔhawo li, amesiwo lea tsi na wo, kple amesiwo naa hehe wo li. Wowɔa kunu na lãwo. Eye amewo naa ga be woaɖe yewogbɔ lãwo ƒe domenyiŋusẽmenugbagbevi atsɔ awɔ lã ma ke na yewoe—eye menye ga vie wogblẽna ɖe nusiawo katã ŋu o!\nEdze ƒã be ame geɖewo lɔ̃ amegbɔlãwo ale gbegbe. Ðk. Jonica Newby gblɔ eƒe nukpɔsusu le eƒe agbalẽ si nye The Animal Attraction me be: \"Ne avu ƒu du va kpe mí, le asike ʋuʋum hele mía ŋu ɖuɖɔm abe míaƒe gbɔgbɔ va aƒemee nye nu nyuitɔ kekeake wòkpɔ le ŋkeke bliboa katã me ene la, susu le eme be woayɔ nɔnɔme ma be 'lɔlɔ̃.'\" Le nyateƒe me la, gɔmesese le nusitaamesiwo si amegbɔlãwo le dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me be yewoaɖe \"lɔlɔ̃\" ma tɔgbe afia woƒe lãwo la ŋu.\nKe hã, agbagbadzedze be woawɔ nu ɖe lãwo ŋu abe amegbetɔwo ene ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, lã mate ŋu akpɔ ame aɖe ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ, abe alesi ehavi amegbetɔ ate ŋu awɔe nɛ ene o. Gawu la, lãwo ƒe dugãmenɔnɔ—si bia tɔtrɔ ɖe dugãmenɔɖoɖowo ŋu—hea kuxi vɛ na amegbɔlã aɖewo kple woƒe aƒetɔwo. Míadzro nya siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 11]\nLã wɔadãwo mamlã li tso gbaɖegbe ke\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nA detail from The Great King of the Parthians Hunts With His Tame Panthers by Giovanni Stradanno: © Stapleton Collection\/CORBIS\n[Nɔnɔmetata si le axa 12]\nIsrael-vi alẽkplɔlawo wɔ nu kple alẽwo le dɔmetɔtrɔ me\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]\nAmegbɔlãwo ate ŋu akpe ɖe wɔametɔwo kple ame tsitsiwo ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040308\/L%C3%A3wo-Wonye-Nunana-tso-Mawu-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-08T17:08:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100762.64\/warc\/CC-MAIN-20231208144732-20231208174732-00817.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987817407,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987817406654358}","num_words":1461,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVI Hana ƑOE Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ne nàsrɔ̃ nu tso Hana, si nye nyagblɔɖila Samuel dada, la ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Wɔ Eƒe Kɔpi Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Miryam Haƒonu ka Miryam zã? Wɔ Biblia ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso eŋu. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Hana BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/cms-imgp.jw-cdn.org\/img\/p\/502016152\/univ\/art\/502016152_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/hana\/","date":"2023-12-10T22:35:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102697.89\/warc\/CC-MAIN-20231210221943-20231211011943-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998819232,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988192319869995}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.15,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.147,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yameʋuɖoɖo—Ðe Wògale Dediea?\nWOTSO adzo yameʋu gã ene. Yameʋu ene ge. Wogbã xɔ vevi aɖewo. Wonɔ alesi yameʋu si nye 767 lɔ Xɔ Kɔkɔ Eveawo ɖem fia edziedzi le television dzi.\nSeptember 11, 2001 ƒe ŋutasẽnuwɔwɔa na vɔvɔ̃ ɖo mí ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ŋu le ɣeyiɣi siawo me. Yameʋuwo va zu mɔ si nu wole amewo tsrɔ̃m le, eye ete ŋu wóna hebina kabakaba.\nEsia na vɔvɔ̃ va ɖo yameʋuɖola aɖewo ɖe yameʋuɖoɖo ŋu: Amesiwo ƒe dzi dzea eme tsã ne woɖo yameʋu la va le vɔvɔ̃m fifia be ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu adze yewo dzi. Gawu la yameʋu siwo ge kplɔ September 11 tɔwo ɖo siwo metso ŋɔdzinuwɔlawo gbɔ o siwo me amewo ku le ŋutɔ la, na ame geɖewo ƒe vɔvɔ̃ na yameʋuɖoɖo gadzi ɖe edzi.\nNyateƒee, yameʋuɖoɖo nye kesinɔtɔwo ƒe nuwɔna si manya wɔ na ame miliɔn geɖewo le xexeame godoo o. Ke hã la, le ame bubuwo gome la, yameʋuɖoɖo nye nane si hiã na wo ɣesiaɣi. Le amesiwo wɔa dɔ siwo bia mɔzɔzɔ geɖe ŋutɔ gome la, womate ŋu aƒo asa na yameʋuɖoɖo o. Ele na Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo kple subɔlawo be woaɖo yameʋuwo azɔ mɔ legbee zi geɖe anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm le woƒe dɔdasiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Le ame dahewo gome gɔ̃ hã la, yameʋuɖoɖoe nye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔ ɖeka kolia ne ehiã be woakpɔ woƒe lãmegbegblẽnyawo gbɔ kpata. Eye yameʋu me nɔnɔ nye yameʋukulawo kple yameʋumedɔwɔla akpe nanewo ƒe dɔwɔɖui.\nÐewohĩ ele na yameʋuɖola siawo dometɔ geɖe siwo ŋutɔ le vɔvɔ̃m xoxo la be woafa dzi na wo srɔ̃ siwo tsi dzimaɖi kple wo vi siwo le vɔvɔ̃m la hafi adzo le aƒeme. Eye esi mɔzɔzɔ siwo nye nuwɔna si bɔ tsã va le ŋɔ dzim la, mɔzɔlawo meganya ne yameʋuɖoɖo ganye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔ egbea o.\nBe woadzro nya siawo me akpɔ la, Nyɔ! talawo bia gbe dedienɔnɔ ŋuti nunyalawo, yameʋudzeƒe dɔwɔlawo, yameʋuɖoɖo dzikpɔlawo, kple yameʋudzraɖolawo. Edze abe wo katã ƒe nu sɔ le go sia me ene be: Togbɔ be yameʋuɖoɖo kpɔtɔ nye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔwo dometɔ ɖeka hã la, nusiwo le ŋɔdzi dom fifia bia be woadi mɔnu yeye aɖewo atsɔ akpɔ mɔzɔlawo ƒe dedienɔnɔ gbɔ.\nNyati siwo kplɔe ɖo adzro kuxi siwo wòlɔ ɖe eme kple nusiwo wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be nànɔ dedie eye wò dzi nadze eme le wò yameʋuɖoɖo me la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021208\/Yame%CA%8Bu%C9%96o%C9%96o-%C3%90e-W%C3%B2gale-Dediea\/","date":"2023-12-02T05:48:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100327.70\/warc\/CC-MAIN-20231202042052-20231202072052-00297.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999057591,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990575909614563}","num_words":378,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nya Siwo Hawòtiwo Gblɔ Ga ƑOE Ga Sɔhɛwo ƒo nu tso ga ŋu—edzadzraɖo, ezazã kple ale si woada asɔ le ganyawo gome. Taflatsɛ, media player mete ŋu ʋui o. Wɔ Video Sia Ƒe Kɔpi Tanya Siwo Do Ƒome Kplii Nya Siwo Hawòtiwo Gblɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ƒewuiviwo Kple Sɔhɛwo Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò NUTATA ƑE VIDEOWO Ale Si Nàzã Wò Ga Nyuie Lé be na ga fifia ale be ne èva hiãe la, nàkpɔ ɖe azã! NYATI BUBUWO Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu Ate ŋu anye taɖui ne ganyawo trɔ na wò kpata si wɔe be mègakpɔa ga abe tsã ene o, ke hã aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe ɖe ga sue si le asiwò la nu. BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO Gakuxi Kple Fenyinyi—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua? Ga mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, gake Biblia me mɔfiame ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo me. NYƆ! Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ga Ŋu? Ðe ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe kea? GBETAKPƆXƆ Ðe Wòle Be Mado Gaa? Mawumenunya si le Biblia akpe ɖe ŋuwò nàtso nya le mɔ nyuitɔ nu. Tae Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Ga NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ Sɔhɛwo Ƒo Nu Tso Ga Ŋu Eʋegbe Sɔhɛwo Ƒo Nu Tso Ga Ŋu https:\/\/cms-imgp.jw-cdn.org\/img\/p\/502014176\/univ\/art\/502014176_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/teenagers\/nya-siwo-haw%C3%B2tiwo-gbl%C9%94\/video-ga\/","date":"2023-12-08T08:52:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100739.50\/warc\/CC-MAIN-20231208081124-20231208111124-00229.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9921845794,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.992184579372406}","num_words":228,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nÐe wònye nuvɔ̃ be woaɖe aƒemelã aɖe si nɔa ame ŋu si le dɔ lém vevie alo tsi akpa ƒe agbe ɖa?\nAme gbogbo aɖewo tsɔ ɖe le lã vovovowo me vevie eye woƒe nu dzɔa dzi na wo. Lã aɖewo siwo nɔa ame gbɔ le aƒeme va zua evelia na ame. Le kpɔɖeŋu me, wonya avuwo be wotsɔa toɖoɖo blibo kple xɔlɔ̃wɔwɔ naa woƒe aƒetɔwo. Eyata gɔmesese va nɔa lɔlɔ̃ si nɔa amewo kple woƒe lã mamlãewo dome ŋu, vevietɔ ne lãa nye esi nɔ wo gbɔ ƒe geɖe.\nKe hã lã geɖewo ƒe agbenɔƒewo medidi boo o. Avuwo te ŋu nɔa agbe ƒe 10 va ɖo ƒe 15 alo wu nenema, abe alesi dadiwo hã te ŋu nɔnae ene, eye enɔa te ɖe eƒomevi siwo wonye dzi. Ne lã mamlãewo tsi la, dɔléle te ŋu ɖea fu na wo eye wozua lã nuwɔewo, eye ate ŋu ate ɖe woƒe aƒetɔ siwo ɖoa ŋku alesi wozã tsã esi wometsi nenema gbegbe o la dzi. Ðe wòanye nuvɔ̃ be woaɖe wo le fukpekpe ma mea, si nye be woaɖe woƒe agbe ɖa?\nKristotɔ adi be yeawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ne ele nu wɔm kple lãwo. Le nyateƒe me la, ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu, elabena eƒe Nya la gblɔ be: \"Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti.\" (Lododowo 12:10) Ke hã esia mefia be Mawu bua lãwo abe alesi wòbua amegbetɔwo ene o. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la, eɖee fia eme kɔ ƒã be vovototo le woawo kple lãwo dome. Le kpɔɖeŋu me, ena amegbetɔwo agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ, gake mewɔe alea na lãwo o. (Romatɔwo 6:23; Petro II, 2:12) Esi wònye eyae nye Wɔla ta la, ekpɔ mɔ afia ƒomedodo si dze be wòanɔ amegbetɔwo kple lãwo dome.\nMose I, 1:28 gblɔ ƒomedodo si esia nye na mí. Mawu gblɔ na ame gbãtɔawo be: \"Miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi.\" Nenema ke wogblɔ le Psalmo 8:7-9 hã be: \"[Mawu tsɔ] nuwo katã de [amegbetɔ ƒe] afɔ te: alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu, dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.\"\nMawu na eme kɔ be amegbetɔ ate ŋu awɔ lãwo ŋudɔ nyuie ahawu wo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu azã woƒe agbalẽa atsɔ awɔ nudodowoe. Mawu ɖe mɔ hã na amegbetɔwo be woaɖu lã le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe, si nye nusi wotsɔ kpe ɖe amagbe si wotsɔ na wo va yi la ŋu.—Mose I, 3:21; 4:4; 9:3.\nEsia meɖe mɔ be woanɔ lãwo wum yakatsyɔ hena modzakaɖeɖe nuwɔnawo o. Le Mose I, 10:9 la, Biblia ɖɔ Nimrod be enye \"adela kalẽtɔ.\" Gake mawunyakpukpui sia gayi edzi gblɔ be esia na 'wòtsi tre ɖe Yehowa ŋu.'\nEyata togbɔ be amegbetɔ nye agbo ɖe lãwo dzi hã la, mele be wòazã ŋusẽ ma le mɔ gbegblẽ nu o, ke boŋ ele be wòazãe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖosewo. Esia ate ŋu alɔ alesi womazi kpi akpɔ aƒemelã aɖe ne etsi akpa, ne exɔ abi vevie, alo ne dɔléle si awui godoo dze edzi o la ɖe eme. Le go sia me la, enye Kristotɔ ƒe agbanɔamedzi be wòatso nya me le nusi wòawɔ ŋu. Ne ekpɔ be anye nublanuikpɔkpɔ be yemazi kpi akpɔ aƒemelã si ŋu mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke megale o, si le fu kpem la, ekema ate ŋu atiae be yeana woawui.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030601\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2024-02-24T08:35:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474526.76\/warc\/CC-MAIN-20240224080616-20240224110616-00444.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989435077,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989435076713562}","num_words":571,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ gɔmesese si tututu le mawunyakpukpui kple nyagbe nyanyɛwo ŋu. Ne èle nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuiawo xlẽm la, àkpɔ nu siwo nɔ edzi yim si tae woŋlɔ nya mawo. Etenuŋɔŋlɔwo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le kpukpui mawo mea, akpe ɖe ŋuwò nàse nyawo gɔme nyuie wu.\nNyateƒenya vevi eve kawoe dze le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe gɔmedzedze?\nMawu do ŋugbe na Israel-viwo tsɔ kpe ɖe sea ŋu si nye susu bubu si tae wòle be woawɔ ɖe sea dzi.\nAme ka gbɔe Aron ƒe yayranyawo tso?\nAleke psalmo sia kpena ɖe mía ŋu míedzea nunya eye míenyea ame siwo ƒe nu dzea Mawu ŋu?\nSusu eve kawo tae wòle be amegbetɔwo nadi Mawu ƒe mɔfiame ne wole nya me tsom?\nYehowa gblɔ nya siawo tsɔ ka ɖe edzi na esubɔla wɔnuteƒewo be yeakpe ɖe wo ŋu.\nÐe Mawu ɖo tame aɖe koŋ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋua?\nMawu do ŋugbe be yeaɖe \"nu gã siwo gɔme womate ŋu ase o\" la afia ame siwo wɔ ɖe yeƒe amekpekpea dzi. Nu kawoe \"nu gã\" mawo nye? Ðe nya mawo nye nyateƒe egbea hã?\nYesu ƒe nyawo mefia be mímawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu o.\nÐe Yesu ƒe nyawo fia be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔmea?\nAleke aɖaŋu si Yesu ɖo ku ɖe xɔse kple gbedodoɖa ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe dodokpɔwo nu egbea?\nNaneke mate ŋu axe mɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la be wòagawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o. Nya siawo gɔme ɖe?\nNufiame kae le nya mawo me na amewo egbea?\nMawu na mɔnukpɔkpɔa ame sia ame be wòakpɔ ɖeɖe eye wòakpɔ agbe mavɔ, metsɔ le eme dukɔ ka ke mee amea tso, ŋutigbalẽ ka kee le eŋu alo ɖoƒe ka kee le esi o.\nMɔ kawo nue Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖea vi na mí ne tetekpɔwo va mía dzi?\nAleke Mawu ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu, eye wòwɔa nu siwo wole mɔ kpɔm na la na woe?\nAleke nɔnɔme si le Kristotɔ si ɖe dɔ ŋu ate ŋu ana woa kple Mawu dome nanɔ?\nÐe nàɖe mɔ be Mawu ƒe nya la nakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzia? Ne ewɔ esia la, nu kae wòaɖe fia tso ŋuwò?\nNu kae wòfia be 'míada' míaƒe dzimaɖiwo ɖe Mawu dzi, eye aleke esia ana míaƒe dzi nadze eme?","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/mawunyakpukpuiwo\/","date":"2024-02-21T19:34:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473524.88\/warc\/CC-MAIN-20240221170215-20240221200215-00266.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996757865,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967578649520874}","num_words":384,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video kpui siawo ɖo Biblia me biabia veviwo ŋu. Biabia siawo dometɔ aɖewoe nye: Nu ka tae Mawu wɔ anyigba la? Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? kple Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?\nAme geɖe mesea nuwɔwɔwo ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me la gɔme o, alo wogblɔna be gli koe wònye. Ðe míate ŋu axɔ nya si Biblia gblɔ la dzi sea?\nKpɔ nu siwo ɖo kpe edzi si tae míate ŋu axɔe ase be Mawu lia ɖa.\nBubuŋkɔ geɖe le Mawu si, wo dometɔ aɖewoe nye Ŋusẽkatãtɔ, Wɔla kple Aƒetɔ. Video sia ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Biblia me zi 7,000 kple edzivɔwo.\nƑe geɖee nye esia amewo dina vevie be yewoanya yewo Wɔla. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye Mawu xɔlɔ̃. Xɔlɔ̃wɔwɔ sia dzea egɔme ne míeva nya Mawu ƒe ŋkɔ.\nNe amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia la, ɖe woate ŋu ayɔe be Mawu ƒe Nya wòasɔa? Ame ka ƒe susuwoe le Biblia me?\nNe Mawu gbɔe Biblia tso vavã la, ke ele be wòato vovo na agbalẽ ɖe sia ɖe.\nMíaƒe anyigbaa dzi yɔ fũu kple nu siwo nya kpɔ. Afi si wòle tso ɣea gbɔ la sɔ pɛpɛpɛ, ale si wòviãe la sɔ ta, eye eƒe totro sɔ ɖe ale si tututu wòle be wòanɔ dzi. Nu ka tae Mawu dze agbagba trɔ asi le anyigbaa ŋu nenema gbegbe?\nBiblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime woafɔ ame geɖe ɖe tsitre, abe ale si ko wofɔ Lazaro ɖe tsitre ene.\nBiblia gblɔ be \"Mawu nye lɔlɔ̃,\" eya ta mawɔ fu amewo ɖe vodada siwo wowɔ va yi la ta gbeɖe o.\nYesu Kristoe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la? Alo ɖe Yesu le vovo eye Mawu hã le vovoa?\nBiblia ɖee fia be asixɔxɔ gã aɖe le Yesu ƒe ku ŋu. Ðe taɖodzinu aɖe le eƒe ku ŋua?\nYesu fia nu amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Ƒe alafa geɖee nye esia eyomedzelawo le gbe dom ɖa be Fiaɖuƒe ma nava.\nƑe 2,500 aɖewo va yi la, Mawu ɖe nyagblɔɖi me drɔ̃e aɖe fia fia sẽŋu aɖe, eye nyagblɔɖi ma le eme vam egbea.\nXexea me nudzɔdzɔwo kple amewo ƒe nɔnɔmewo tso ƒe 1914 me ɖee fia be Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam.\nAme eve aɖewo siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la gblɔ nu siwo wosrɔ̃ tso nya si Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu.\nAme geɖe biana be nu ka tae fuléle kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea hã. Biblia ana nàkpɔ ŋuɖoɖo vavã siwo afa akɔ na wò.\nAme geɖe xɔe se be naneke megblẽ le eŋu be nànɔ subɔsubɔha ɖe sia ɖe si dze ŋuwò me o.\nÐe woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Mawu si mímekpɔna o la ŋua?\nKe ne ame aɖe doa gbe ɖa le ɖokuitɔdidi ta ɖe? Ke ne ŋutsu aɖe sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu eye wòva le gbe dom ɖa be Mawu nayra ye ya ɖe?\nMawu di be wò srɔ̃ɖeɖea nadze edzi. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia mea kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖewo ŋu.\nÐe nya \"amamaɖeɖenuwɔna\" dze le Biblia me gɔ̃ hã? Aleke míawɔ anya ale si Mawu sena le eɖokui me tso amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/biblia-%C5%8Buti-videowo-nufiafia-veviwo\/","date":"2024-04-20T08:11:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817491.77\/warc\/CC-MAIN-20240420060257-20240420090257-00856.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986533523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986533522605896}","num_words":543,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mateo 1:18\n18 Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.\nGet the App!\nDownload the FREE Bible.is app for your iPhone, iPad, or Android device.View in the\nApp Store","id":"","dump":"CC-MAIN-2013-20","url":"http:\/\/www.bible.is\/EWEIBS\/Matt\/1\/18","date":"2013-06-18T23:06:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2013-20\/segments\/1368707436332\/warc\/CC-MAIN-20130516123036-00055-ip-10-60-113-184.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988741875,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988741874694824}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.111,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Saul ku la, David zu fia. Ɣemaɣi la exɔ ƒe 30. Esi wòzu fia ƒe aɖewo megbe la, enɔ eƒe xɔta le fiasã me le zã aɖe me kpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe. David bia eta se eye wogblɔ nɛ be eŋkɔe nye Bat-Seba eye srɔ̃a nye aʋawɔla aɖe si ŋkɔe nye Uriya. David na wokplɔ Bat-Seba va eƒe fiasãa me. Edɔ kplii eye nyɔnua fɔ fu. David dze agbagba be yeaɣla nu si yewɔ. David gblɔ na eƒe aʋafia be wòada Uriya ɖe aʋa la ŋgɔ eye woate ɖa le eŋu. Esi wowu Uriya le aʋaa me megbe la, David ɖe Bat-Seba.\nGake Yehowa kpɔ nu gbegblẽ siwo katã wòwɔ. Nu kae wòawɔ? Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ. Natan gblɔ nɛ be: 'Alẽ gbogbo aɖe nɔ kesinɔtɔ aɖe si, eye alẽvi sue ɖeka nɔ ame dahe aɖe hã si si gbɔ melɔ̃a nu le o. Ke kesinɔtɔa lé ame dahea ƒe alẽvi ɖeka la.' Dɔme ve David vevie wògblɔ be: 'Ele be woawu kesinɔtɔ ma!' Natan gblɔ na David be: 'Wòe nye kesinɔtɔ ma!' David ƒe dzi gbã eye wògblɔ na Natan be: 'Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.' Nu vɔ̃ sia si David wɔ la na eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea kpe fu geɖe. Yehowa he to nɛ gake mewui o elabena David to nyateƒe eye wòbɔbɔ eɖokui.\nDavid di be yeatu gbedoxɔ na Yehowa gake Yehowa tia David vi Salomo boŋ be eya natu gbedoxɔa. David ƒo nuwo nu ƒu na Salomo eye wògblɔ be: 'Yehowa ƒe gbedoxɔ la lolo. Salomo metsi o eya ta makpe ɖe eŋu aƒo nuwo nu ƒu ɖi nɛ.' David dzɔ eya ŋutɔ ƒe ga gbogbo aɖe na xɔa tutu. Edi aɖaŋudɔwɔlawo. Eƒo sika kple klosalo nu ƒu eye wòna wotsɔ sedertiwo tso Tiro kple Sidon vɛ. Esi wòsusɔ vie David naku la, etsɔ nɔnɔmetata si dzi Salomo akpɔ atu gbedoxɔa la nɛ. Egblɔ nɛ be: 'Yehowa na meŋlɔ nu siawo da ɖi na wò. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Mègavɔ̃ o. Lé dzi ɖe ƒo ne nàwɔ dɔa.'\n\"Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.\"—Lododowo 28:13","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/7\/david-kple-bat-seba\/","date":"2018-01-16T21:38:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886739.5\/warc\/CC-MAIN-20180116204303-20180116224303-00646.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967378378,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967378377914429}","num_words":364,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu dea bubu Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ŋu ŋutɔ, gake aleke ame akpa gãtɔ bua Yohanes? Yesu gblɔ be: \"Dzidzime sia [ɖi] ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me, eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo be: 'Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi heƒo akɔta o.'\"—Mateo 11:16, 17.\nYesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Eɖe nyaa me be: \"Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu o, eye amewo gblɔ be, 'Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.' Amegbetɔvi la va, eɖua nu noa nu, ke amewo gblɔ be, 'Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.'\" (Mateo 11:18, 19) Yohanes nɔ agbe tsɛ abe Naziritɔ ene, menoa wain gɔ̃ hã o, eye dzidzime sia gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. (4 Mose 6:2, 3; Luka 1:15) Yesu ya nɔ agbe abe ame bubu ɖe sia ɖe ene. Eɖua nu noa nu le mɔ si sɔ nu, gake amewo bu fɔe be enye aha tsu nola kple nu tsu ɖula. Edze abe manya wɔ be woadze ameawo ŋu o ene.\nYesu tsɔ dzidzime ma sɔ kple ɖevi siwo le ablɔ me, siwo gbe be yewomaɖu ɣe esime ɖevi bubuwo ku dze, alo afa avi esime wodzi konyifaha na wo o. Eya ta egblɔ be: \"Nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.\" (Mateo 11:16, 19) Ɛ̃, 'dɔwɔwɔawo,' siwo nye kpeɖodzi siwo Yohanes kple Yesu na la ɖee fia be nya si wotsɔ ɖe wo ŋu la nye aʋatso.\nEsi Yesu gblɔ be dzidzime ma sẽ dzi me vɔ la, eyɔ du siwo nye Korazin, Betsaida kple Kapernaum siwo me wòwɔ nukudɔwo le la, eye wòhe nya ɖe wo ŋu. Yesu gblɔ be ne ɖe yewɔ dɔ mawo le Foiniketɔwo ƒe du siwo nye Tiro kple Sidon me la, anye ne du mawo me tɔwo trɔ dzi me. Eyɔ Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la hã. Le afi ma gɔ̃ hã la, ame geɖe mexɔ edzi se o. Yesu gblɔ tso du ma ŋu be: \"Anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu wò.\"—Mateo 11:24.\nAzɔ Yesu kafu Fofoa, ame si ɣlaa gbɔgbɔmenyateƒe xɔasiwo ɖe \"nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo,\" gake wòɖea nu siawo fiaa ame tsɛwo, siwo le abe ɖeviwo ene la. (Mateo 11:25) Egblɔ akɔfanamenya sia tsɔ kpe wo be: \"Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.\"—Mateo 11:28-30.\nAleke Yesu naa gbɔdzɔe mae? Subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ kɔnyinyi siwo wɔa ame kluvii, abe Sabat ƒe nudidi siwo le kpaɖii ene la do agba na amewo. Gake Yesu ya na gbɔdzɔe wo esi wòfia Mawu ŋuti nyateƒea si me kɔnyinyi mawo mele o la wo. Efia mɔ si dzi woato akpɔ gbɔdzɔe la hã ame siwo dunyahedziɖuɖuwo te ɖe to, kpakple ame siwo nu vɔ̃ zu agba kpekpe na la. Ɛ̃, Yesu fia wo nu si woawɔ be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo kple ale si woanɔ ŋutifafa me kple Mawu.\nAme siwo katã lɔ̃ be yewoanɔ Yesu ƒe kɔkuti si le wodzoea te la ate ŋu atsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Mawu ahasubɔ mía Fofo si le dziƒo si sea veve ɖe ame nu eye wòkpɔa nublanui na ame la. Esia medaa agba kpekpe ɖe ame dzi o, elabena Mawu ƒe nudidiwo menye agba kura o.—1 Yohanes 5:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/dzidzime-s%E1%BA%BDdzime\/","date":"2018-01-18T18:18:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887535.40\/warc\/CC-MAIN-20180118171050-20180118191050-00501.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984215498,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984215497970581}","num_words":581,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nKpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o.\nHakpanya sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo be menye duƒuƒe alo fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me nye o.\nZã Biblia nusɔsrɔ̃ sia nàtsɔ afia nu viwò sue tso Yesu ƒe nukunu xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/apostolo-wuieveawo\/","date":"2018-01-22T07:56:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891196.79\/warc\/CC-MAIN-20180122073932-20180122093932-00798.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989862442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989862442016602}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yeawɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me abe Daniel enea? Daniel ku kutri srɔ̃ Mawu ƒe Nya la, nyagblɔɖi goglowo hã le eme. (Da 9:2) Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe. Le mɔ ka nu? Ado ŋusẽ wò xɔse nàka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme. (Yos 23:14) Akpe ɖe ŋuwò hã be nàlɔ̃ Mawu ɖe edzi eye esia ado ŋusẽ wò be nàwɔ nu si le eteƒe. (Ps 97:10) Gake afi kae nàdze egɔme tsoe? Bu aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ:\nNu kae masrɔ̃? Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui bia be míadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo hã ŋu. Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ aɖe vi na wò wu ne ègbɔ dzi ɖi ku nu siwo gɔme mèse o me. Azɔ hã, ame aɖewo tiae be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me nyagblɔɖiwo, Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo, apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo, alo asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ne Biblia me nya aɖe va susu me na wò le ŋkekea me si nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na la, ŋlɔe ɖi eye nàna wòanye nu si ŋu nàsrɔ̃ nu tsoe ɣebubuɣi.\nAfi kae makpɔ nu siwo masrɔ̃ le? Be nàkpɔ esia ƒe ɖewo la, kpɔ video si nye Dɔwɔnu Siwo Míatsɔ Aku Nu Me Adi Gbɔgbɔmenuxɔasiwoe. Tee kpɔ nàzã dɔwɔnu siwo le mía si la atsɔ aku nu me akpɔe ɖa be yeate ŋu akpɔ xexemeŋusẽ siwo lã siwo le Daniel ta 7 lia le tsitre ɖi na hã.\nƔeyiɣi didi kae matsɔ asrɔ̃ nu? Nusɔsrɔ̃ edziedzi nana míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ me. Àte ŋu asrɔ̃ nu ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ko ne ehiã, eye emegbe nàdzii ɖe edzi. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le abe ale si wokua kesinɔnu ɣaɣla aɖe le to me ene; ne èke ɖe kesinɔnu aɖe ŋu la, àdi be yeanɔ ekum agake ɖe geɖe ŋu! (Lod 2:3-6) Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ava nɔ dzrowòm vevie eye Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ava zu numame na wò.—1Pe 2:2.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct2-8\/n%C3%A0w%C9%94-anye-biblia-sr%C9%94%CC%83la-dovevienu\/","date":"2018-02-19T10:17:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00463.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993498921,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993498921394348}","num_words":329,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 1 2018 | Ðe Biblia Gaɖea Vi Egbea?\nÐE BIBLIA ME NYAWO GAÐEA VI EGBEA?\nEsi xexea yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me fifia taa, ɖe míagblɔ be Biblia me nyawo do xoxo eye womegaɖea vi oa? Biblia gblɔ be:\n\"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.\"—2 Timoteo 3:16.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nya si Biblia gblɔ be yeate ŋu afia mɔ mí le mɔ sia mɔ nu le agbe me la ŋu.\nEsi wònye be ame ate ŋu akpɔ nyatakaka le nu sia nu si dim wòle ŋu bɔbɔe ɖe, nu ka tae wòahiã be ame natrɔ ɖe Biblia si woŋlɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la ŋu?\nBiblia me nyawo medo xoxo o, agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo kple dzidzenu siwo ɖea vie wòfiana eye wo nu meyina o.\nMenye dzɔdzɔmeŋutinunya gbalẽe biblia nye o, ke hã nu siwo wògblɔ ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la awɔ nuku na wò.\nXlẽ nu tso ale si nunya si tso Mawu gbɔ kpe ɖe amewo ŋu woƒo asa na agbemekuxi sesẽ aɖewoe ŋu.\nNunya si le Biblia me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxi sesẽwo abe dzimaɖitsitsi fũu akpa, hehe ɖe megbe kple akogotsitsi ene gbɔ.\nKe ne kuxia nye esi ŋu màte ŋu aƒo asa na alo awɔ nake le o, abe dɔmavɔleameŋu alo ku ene ya ɖe?\nMawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe le xexe sia si me nuwo tɔ zi le me la gbɔ. Gake menye nu mawo koe Biblia wɔna o. Enana míekpɔa etsɔme ʋĩi ke.\nXlẽ nu si ame aɖewo xɔ se kple nya si Biblia gblɔ tso biabia sia ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/","date":"2018-02-24T20:26:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815934.81\/warc\/CC-MAIN-20180224191934-20180224211934-00095.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980623722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980623722076416}","num_words":281,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Yosua kplɔ Yehowa ƒe amewo ƒe geɖe megbe la, eku esime wòxɔ ƒe 110. Israel-viwo yi edzi subɔ Yehowa le Yosua ƒe agbenɔɣi. Gake le eƒe ku megbe la, wosubɔ trɔ̃wo abe Kanaantɔwo ene. Esi Israel-viwo meyi edzi subɔ Yehowa o ta la, ena Kanaan-fia si ŋkɔe nye Yabin na wokpe fu. Israel-viwo ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Eya ta Yehowa ɖo kplɔla yeye si ŋkɔe nye Barak na wo. Akpe ɖe Israel-viwo ŋu be woagatrɔ ɖe Yehowa ŋu.\nNyɔnunyagblɔɖila Debora dɔ ame ɖo ɖe Barak. Nya aɖe le esi tso Yehowa gbɔ na Barak be: 'Kplɔ ŋutsu 10,000 eye nàɖakpe kple Yabin ƒe aʋakɔa le Kison-tɔsisia nu. Àɖu Sisera si nye Yabin ƒe aʋafia la dzi le afi ma.' Barak gblɔ na Debora be: 'Ne àyi kplim la, ekema mayi.' Debora ɖo eŋu be: 'Mayi kpli wò. Gake nyae be menye wòe awu Sisera o. Yehowa be nyɔnu aɖee awui.'\nDebora, Barak kple eƒe aʋakɔ la yi Tabor To la tame be yewoadzra ɖo ɖe aʋa la ŋu. Esi Sisera see ko la, eƒo eƒe aʋatasiaɖamwo kple aʋawɔlawo nu ƒu ɖe toa ƒe bali me. Debora gblɔ na Barak be: 'Yehowa ana nàɖu aʋa dzi egbe.' Barak kple eƒe aʋawɔla 10,000-awo lũ ɖe Sisera kple eƒe aʋakɔ sesẽ la dzi tso to la dzi.\nYehowa na Kison-tɔʋua ɖɔ. Sisera ƒe aʋatasiaɖamwo ɖi ɖe ba me. Sisera gblẽ eƒe tasiaɖam la ɖi hede afɔ du me. Barak kple eƒe aʋawɔlawo ɖu Sisera ƒe aʋakɔa dzi, gake Sisera ya si! Esi yi ɖabe ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yael ƒe agbadɔ me. Nyɔnua na notsii wòno eye emegbe wòtsɔ kuntru tsyɔ nɛ. Aʋakalẽtɔ sia si ŋu ɖeɖi te la dɔ alɔ̃. Eye Yael wɔ dzadzadza yi egbɔ eye wòƒo tsyoti ɖe eƒe ta me wòku.\nBarak va eye wònɔ Sisera dim. Yael do go le eƒe agbadɔ me eye wògblɔ nɛ be: 'Ge ɖe eme. Ne mafia ame si dim nèle la wò.' Barak ge ɖe agbadɔa me eye wòkpɔ be Sisera ku ɖe afi ma. Barak kple Debora dzi ha kafu Yehowa le esi wòna Israel-viwo ɖu woƒe futɔwo dzi ta. Ale Israel-viwo kpɔ ŋutifafa ƒe 40 sɔŋ.\n\"Nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.\"—Psalmo 68:11","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/6\/debora-barak-yael\/","date":"2018-02-19T08:48:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812556.20\/warc\/CC-MAIN-20180219072328-20180219092328-00695.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999392271,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993922710418701}","num_words":368,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE:\nALE SI NÀWƆE:\nLɔ̃ faa nàwɔ dɔ tsɛwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu.—Mt 20:25-27\nMègana wò ŋutetewo kple mɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò la nana nàda o.—Ro 12:3\nMIKPƆ VIDEO SI NYE TSRI NU SIWO GBLẼA NUTEƑEWƆWƆ ME—DADA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nNu kae ale si míewɔa nui ne woɖo aɖaŋu na mí la ɖena fiana le mía ŋu?\nAleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ?\nMɔ kawo nue mate ŋu aɖee afia le be mebɔbɔa ɖokuinye?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug7-13\/%C9%96okuib%C9%94b%C9%94-sr%C9%94%CC%83-mawu-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94mewo\/","date":"2018-02-21T21:10:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813803.28\/warc\/CC-MAIN-20180221202619-20180221222619-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983260632,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983260631561279}","num_words":81,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OO! OO! Nukae le dzɔdzɔm le afisia? Ðe nuvevi wɔ ɖevi ma, si dra ɖe anyigba la? Kpɔ ɖa! Paulo le ŋutsu, siwo tso aƒea me gbɔna la dome. Èkpɔ Timoteo hã le afima? Ðe ɖevi la ge tso fesrea nua?\nẼ, nu ma tututue dzɔ. Paulo nɔ nu ƒom na nusrɔ̃lawo le Troa afisia. Enya be yemegale wo kpɔ ge azɔ o hena ɣeyiɣi didi aɖe, elabena ne ŋu ke la, ele tɔdziʋu ɖo ge adzo. Eyata enɔ nu ƒom vaseɖe zãtitina.\nŊutsuvi sia, si ŋkɔe nye Eutixo la nɔ anyi ɖe fesre nu hedɔ alɔ̃. Emli to fesrea, tso dziƒoxɔ tuɖedzi etɔ̃lia dzi va dze anyigba! Eyata èkpɔ nusita ameawo lé blanui nenema ɖo. Esi wokɔ ɖevia la, eku, abe alesi wovɔ̃e ene!\nEsi Paulo kpɔ be ŋutsuvia ku la, ebɔbɔ ɖe edzi helée alɔ eve. Egblɔ be: 'Migavɔ̃ o. Meku o!' Meku o vavã! Nukunue wònye! Paulo gbɔ agbee! Dzidzɔkpɔkpɔ yɔ amehawo fũ.\nWo katã wogalia yi dziaƒo heɖu nu. Paulo nɔ nuƒoƒo dzi vaseɖe esime ŋu ke. Gake àte ŋu aka ɖe edzi be ne Eutixo trɔ yi la, magadɔ alɔ̃ ake o! Emegbe Paulo, Timoteo, kple amesiwo le zɔzɔm kpli wo la ɖo tɔdziʋu. Ènya afisi yim wolea?\nEsusɔ vie Paulo nawu eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu, eyata etrɔ yina aƒe. Le mɔzɔzɔ sia me la, Paulo nɔ Efeso ɖeɖe ƒe etɔ̃ sɔŋ. Eyata esia nye eƒe mɔzɔzɔ, si didi wu evelia gɔ̃ hã.\nEsi wodzo le Troa la, ʋu la va tɔ ɖe Mileto vie. Esi wònye Efeso medidi tututu o ta la, Paulo ɖo ame ɖe hamemegã, siwo le hamea me la be woava Mileto ne yeaƒo nu na wo zi mamlɛtɔ. Emegbe esi ɣeyiɣi de be ʋua naho la, Paulo ƒe dzodzo la na woxa nu ŋutɔ!\nMlɔeba la, ʋu la va ɖo Kaisarea. Esi Paulo nɔ nusrɔ̃la Filipo ƒeme le afisia la, nyagblɔɖila Agabo xlɔ̃ nu Paulo. Egblɔ be ne Paulo yi Yerusalem la, woadee gaxɔ me. Eye esia va eme vavã. Esi Paulo nɔ gaxɔ me le Kaisarea hena ƒe eve la, wokplɔe yi Roma-dziɖula Kaisaro gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui. Na míakpɔ nusi dzɔ le mɔa dzi esime wòyina Roma la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/paulo-eutiko\/","date":"2018-02-25T19:38:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816912.94\/warc\/CC-MAIN-20180225190023-20180225210023-00783.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981051087,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981051087379456}","num_words":363,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOKLà YESU ÐE FUWƆAMETI ŊU\nNU SI WOŊLƆ KLà ÐE YESU TAME LA NA WOÐU FEWU LE EŊU\nYESU DO PARADISO ME NƆNƆ LE ANYIGBA DZI ƑE ŊUGBE\nWokplɔ Yesu yi teƒe aɖe si medidi boo tso du si me woawu eya kple adzodala eveawo le la o. Woyɔa teƒe sia be Golgata, alo Ametakoliƒe, eye wònye teƒe si woate ŋu anɔ \"adzɔge\" akpɔ ɖo ɖa.—Marko 15:40.\nWoɖe awu le gamenɔla etɔ̃ siawo siwo wotso kufia na la ŋu. Azɔ wotsɔ wain si wotsaka kple mire kpakple gbe veve la vɛ na wo. Anɔ eme be Yerusalem nyɔnuwoe tɔtɔ wain sia, eye Romatɔwo ɖe mɔ be woana aha sia si ɖea vevesese dzi kpɔtɔna la ame siwo wu ge woyina la. Ke hã esi Yesu ɖɔe kpɔ la, egbe enono. Nu ka tae? Edi be yeanɔ ŋute bliboe le susu me le dodokpɔ gã sia me; edi be yeanɔ ye ɖokui me ahawɔ nuteƒe va se ɖe ku me.\nWohe Yesu ɖe fuwɔametia ŋu. (Marko 15:25) Asrafoawo ƒo gatagbadzɛwo to eƒe asiwo kple eƒe afɔwo ƒe lãkusiwo me mimi ɖe atia ŋu, si wɔe be wòse veve helĩhelĩ. Esi wofɔ atia ɖe tsitrenu la, vevesesea wu gbɔgblɔ, elabena Yesu ƒe ŋutilã ƒe kpekpe he abiawo me. Gake Yesu meƒo nu tsi tre ɖe asrafoawo ŋu o. Ke boŋ edo gbe ɖa be: \"Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.\"—Luka 23:34.\nRomatɔwo ŋlɔa agɔ si nu vlo wɔla si wotso kufia na dze la klãna ɖe fuwɔametia ŋu. Le go sia me la, Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu tame be: \"Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe Fia la.\" Eŋlɔe ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me, ale be ame sia ame kloe nate ŋu axlẽe. Pilato ƒe nuwɔna sia ɖee fia be ale si Yudatɔwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be woawu Yesu la medzɔ dzi nɛ o. Nu si wòŋlɔ la ku dzi na nunɔlawo ƒe tatɔwo, eye wogblɔ be: \"Mègaŋlɔ be, 'Yudatɔwo ƒe Fia' o, ke boŋ be egblɔ be, 'Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia.'\" Gake esi Pilato megadi be woaɖo nu na ye o ta la, egblɔ be: \"Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.\"—Yohanes 19:19-22.\nNunɔla siawo siwo do dziku la gahe alakpanya si wogblɔ tsɔ tso enu va yi le Sanhedrin la ŋkume la ɖe go. Eya ta mewɔ nuku o be ame siwo tso eme va yina la ʋuʋu ta alɔmeɖeɖetɔe hedzui gblɔ be: \"Hoo na wò! Wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔa aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me, ɖe ɖokuiwò ne nàɖi tso fuwɔametia ŋu.\" Nenema kee nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo hã gblɔ le wo nɔewo dome be: \"Kristo, Israel ƒe Fia, neɖi tso fuwɔametia ŋu míakpɔ azɔ, ne míaxɔ edzi ase.\" (Marko 15:29-32) Adzodala siwo wohe ɖe ati ŋu le Yesu ƒe ɖusime kple miame la gɔ̃ hã do vloe, evɔ wònye eya boŋue mewɔ nu gbegblẽ aɖeke hafi o.\nRoma-srafo eneawo hã ɖu fewu le Yesu ŋu. Ðewohĩ wono wain veve la ƒe ɖe hede asi alɔmeɖeɖe me le eŋu, eye anɔ eme be wodo ɖe ɖe Yesu gbɔ, evɔ woawo ŋutɔwo wonya be manya wɔ be wòaxɔe ano o. Romatɔawo he susu yi nu si woŋlɔ klã ɖe Yesu tame la dzi alɔmeɖeɖetɔe hegblɔ be: \"Ne wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la, ekema xɔ na ɖokuiwò.\" (Luka 23:36, 37) Bu eŋu kpɔ ko! Ame si nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe lae nye ema ŋu wole alɔme ɖem le hele fu wɔmee madzemadzee. Ke hã edo dzi kpe fu mawo katã, eye mehe nya ɖe Yudatɔ siwo nɔ ekpɔm, Roma-srafo siwo nɔ alɔme ɖem le eŋu, alo nu vlo wɔla eve siwo woklã ɖe eƒe axawo dzi la ŋu o.\nAsrafo eneawo tsɔ Yesu ƒe awudziwuiwo eye woma wo ɖe akpa ene me. Wodzidze nu ɖe wo dzi hemae ɖe wo nɔewo dome. Ke Yesu ƒe awutewuia ya nyo ale gbegbe, \"ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.\" Asrafoawo gblɔ na wo nɔewo be: \"Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.\" Ale wona ŋɔŋlɔ si gblɔ be, \"Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi\" la va eme.—Yohanes 19:23, 24; Psalmo 22:18.\nEmegbe adzodalawo dometɔ ɖeka va kpɔe be fiae Yesu nye vavã. Eka mo na nɔvia be: \"Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃a Mawu oa? Míawo ya míedze na tohehe sia, elabena nu siwo míewɔ la ƒe fetu xɔm míele; ke ame sia ya mewɔ nu tovo aɖeke o.\" Azɔ eƒo koko na Yesu be: \"Ðo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.\"—Luka 23:40-42.\nYesu do ŋugbe nɛ be: \"Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.\" Yesu megblɔ nɛ be anɔ Fiaɖuƒea me kpli ye o. (Luka 23:43) Ŋugbedodo sia to vovo na ŋugbe si Yesu do na apostoloawo do ŋgɔ, si nye be woanɔ fiazikpuiwo dzi kpli ye le Fiaɖuƒe la me. (Mateo 19:28; Luka 22:29, 30) Anɔ eme be Yudatɔ sia si nye nu vlo wɔla la nya nu tso anyigba dzi Paradiso si Yehowa wɔ na Adam, Xawa kple woƒe dzidzimeviwo le gɔmedzedzea me la ŋu. Azɔ mɔkpɔkpɔ sia su adzodala sia si hafi wòku.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/fia-kpe-fu-le-ati-%C5%8Bu\/","date":"2018-02-23T07:39:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814493.90\/warc\/CC-MAIN-20180223055326-20180223075326-00623.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980148673,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980148673057556}","num_words":855,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER 21, 2014\nUKRAINE\nLVIV, Ukraine—Yehowa Ðasefowo yi edzi le kpekpem ɖe wo nɔvi siwo ŋu aʋa siwo dzɔ le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me gblẽ nu le la ŋu.\nÐasefo abe 7,500 aɖewoe si aʋa, eye kpekpeɖeŋunakɔmiti adre siwo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lviv ɖo la le kpekpem ɖe ame siwo ade 4,000 ŋu. Ðasefo susɔeawo le woƒe ƒometɔwo kple wo nɔvi Ðasefo bubuwo gbɔ le Ukraine kple Russia. Kpekpeɖeŋunakɔmiti ade bubuwo le kpekpem ɖe Ðasefo siwo wu 17,500 ŋu le teƒe siwo wole aʋaa wɔm le.\nLviv alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be Ðasefo ade ye ku tso esime aʋaa dze egɔme. Ðasefo aɖe si le Kramatorsk ku le June 17, 2014 dzi esime bɔmb aɖe wó le eƒe ʋu gbɔ. Bɔmb gawu Ðasefo atɔ̃ bubu siwo le du siwo nye Donetsk, Sloviansk, Rozkishne kple Luhansk hã me.\nAlɔdzedɔwɔƒea le Ðasefoawo ƒe tadeaguƒewo kple woƒe aƒe siwo gbã la gbugbɔtudɔa hã dzi kpɔm.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nUkraine: Vasyl Kobel, tel. +38 032 240 9323","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/ukraine\/yehowa-%C9%96asefowo-na-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-ame-akpe-ge%C9%96e\/","date":"2018-03-24T12:39:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257650262.65\/warc\/CC-MAIN-20180324112821-20180324132821-00473.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985989928,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985989928245544}","num_words":165,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÐE BIBLIA ME NYAWO GAÐEA VI EGBEA?\nEsi xexea yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me fifia taa, ɖe míagblɔ be Biblia me nyawo do xoxo eye womegaɖea vi oa? Biblia gblɔ be:\n\"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.\"—2 Timoteo 3:16.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nya si Biblia gblɔ be yeate ŋu afia mɔ mí le mɔ sia mɔ nu le agbe me la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2018-04-23T02:43:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945669.54\/warc\/CC-MAIN-20180423011954-20180423031954-00601.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962692261,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962692260742188}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.299,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Bebe, Mawu nya nu si nyo na mí. . . . Èseea? . . . Mègafa avi o.\"\nNya mawoe ame aɖe gblɔ ɖe to me na nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Bebe, si fofo ku le ʋufɔku aɖe me la, le kua teƒe.\nTsi metoa Bebe kple fofoa dome o. Wo xɔlɔ̃ aɖe si nya ƒomea nyuie lae gblɔ nya mawo be yeatsɔ afa akɔ nɛ, gake nya mawo mefa akɔ na Bebe o, ke boŋ ɖeko wogado nuxaxa nɛ. Bebe nɔ egbɔgblɔ dzi be, \"Eƒe kua menye nu si nyo nam o.\" Nu si Bebe ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe me tso nudzɔdzɔa ŋu le ƒe aɖewo megbe la ɖee fia kɔtɛ be egakpɔtɔ nɔ fofoa ƒe ku fam kokoko.\nAbe ale si Bebe kpɔe dze sii ene la, etea ŋu xɔa ƒe geɖe hafi ame si dzi ku dzɔ ɖo la dzudzɔa nuxaxa, vevietɔ ne woa kple ame si ku la dome nɔ kplikplikpli. Esɔ nyuie be woyɔ ku le Biblia me be \"futɔ mamlɛtɔ.\" (1 Korintotɔwo 15:26) Ðeko wòva dzea mí kpoyi le vo me, míetea ŋu wɔa naneke le eŋu o, eye wòkplɔa míaƒe ame veviwo dzonɛ. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le nu si ku gblẽna le ame ŋu la nu o. Eya ta mewɔ nuku o be ne ku dzɔ ɖe mía dzi la, míetɔtɔna, eye míegaxaa nu kokoko ne ɣeyiɣiawo va le yiyim gɔ̃ hã.\nÐewohĩ àbia be: 'Ne ku dzɔ ɖe ame dzi la, ɣeyiɣi didi kae wòxɔna hafi wodzudzɔa nuxaxa? Aleke ame awɔ ado dzi ne ku dzɔ ɖe edzi? Aleke mate ŋu afa akɔ na ame siwo dzi ku dzɔ ɖo? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na míaƒe ame vevi siwo kua?'","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2016-may\/ne-w%C3%B2-ame-vevi-a%C9%96e-ku\/","date":"2018-04-19T13:35:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125936969.10\/warc\/CC-MAIN-20180419130550-20180419150550-00139.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966167212,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966167211532593}","num_words":274,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso September me la, kpɔɖeŋudzeɖonya yeye aɖe anɔ dzedzem le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me si ƒe tanyae nye \"Fia Nyateƒea.\" Míaƒe taɖodzinue nye be míazã nyabiase kple mawunyakpukpui aɖe atsɔ ahe amewo ƒe susu yi Biblia me nyateƒe aɖe dzi kpuie.\nNe amea tsɔ ɖe le eme la, míate ŋu atsɔ trakt, magazine, alo agbalẽ aɖe nɛ, loo alo aɖe video aɖe le jw.org afiae atsɔ aɖo tɔtrɔyi gɔme anyi ale be wòanɔ mɔ kpɔm na mí. Ele be míadze agbagba atrɔ ayi le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe ahayi dzeɖoɖo si gɔme míedze la dzi. Woatu dzeɖonya yeyeawo kple sukuviwo ƒe dɔdeasiwo ɖe agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe akpa si nye taa totoɖeme la dzi. Le agbalẽa ƒe akpa sia la, míakpɔ nyabiase kple mawunyakpukpui bubu siwo míate ŋu azã atsɔ awɔ tɔtrɔyi alo adze nusɔsrɔ̃ gɔme to Biblia ɖeɖe dzi.\nMɔ ɖeka koe kplɔa ame yia agbe me. (Mt 7:13, 14) Esi míeɖea gbeƒã na ame siwo le subɔsubɔha vovovowo me kple ame siwo tso teƒe vovovowo ta la, ele be míaƒo nu tso Biblia me nyateƒe siwo adzɔ dzi na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu. (1Ti 2:4) Ne míeva bi ɖe Biblia me nyati vovovowo zazã kple \"nyateƒenya la ŋu dɔ [wɔwɔ] pɛpɛpɛ\" me la, dzi adzɔ mí geɖe eye míakpɔ dzidzedze le Biblia me nyateƒea fiafia ame bubuwo me.—2Ti 2:15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug29-sep4\/fia-nyate%C6%92ea-%C6%92e-dze%C9%96onya\/","date":"2019-06-20T23:35:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999291.1\/warc\/CC-MAIN-20190620230326-20190621012326-00101.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993643165,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993643164634705}","num_words":228,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae Lot srɔ̃ kpɔ megbe esi wònɔ sisim le Sodom? Biblia megblɔ nu si tae o. (1Mo 19:17, 26) Nya si gblɔm Yesu nɔ hafi ƒo nu tso Lot srɔ̃ ŋu la ɖee fia be anya nɔ nu siwo wògblẽ ɖe megbe la susum. (Lk 17:31, 32) Nu kae ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o abe ale si wòdzɔ ɖe Lot srɔ̃ dzi ene? Mele be míana ŋutilãmenuwo didi nanye nu vevitɔ na mí o. (Mt 6:33) Yesu fia nu be míate ŋu \"anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.\" (Mt 6:24) Ke ne míeva de dzesii be ŋutilãmenuwo va le vuvum tsyɔ nu siwo le vevie le agbe me dzi ya ɖe? Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be wòana nunya mí be míade dzesi nu siwo me wòle be míawɔ asitɔtrɔ le, eye míabia dzideƒo kple nu si ado ŋusẽ mí be míawɔ tɔtrɔa.\nMINƆ TE ÐE VIDEO SI NYE MIÐO ŊKU LOT SRƆ̃ DZI SI LE AKPA ETƆ̃ ME LA DZI, EYE MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\nAleke ale si woƒoe ɖe Akpenɛ nu be wòadi ga geɖe la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuŋububu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi?\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Lot srɔ̃ ƒe kpɔɖeŋua me egbea?\nAleke Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ kpe ɖe Kudzo ƒe ƒomea ŋu?\nŊusẽ kae ame siwo Ana nɔ ha dem kplii le dɔwɔƒe la kpɔ ɖe edzi le gbɔgbɔ me?\nNu ka tae wòle be dzi nanɔ mía ƒo ne wole eƒom ɖe mía nu be míati ga yome?\nNu kae kpe ɖe Eɖem kple Akpenɛ ŋu be wogatsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ?\nBiblia ƒe mɔfiame kawo dzie video sia te gbe ɖo?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug6-12\/mi%C9%96o-%C5%8Bku-lot-sr%C9%94%CC%83-dzi-biabia\/","date":"2019-06-26T20:05:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000545.97\/warc\/CC-MAIN-20190626194744-20190626220744-00391.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989178181,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998917818069458}","num_words":276,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa maɖe mɔ be ame vlowo nagblẽ Paradisoa o. Exɔlɔ̃wo koe anɔ afima. Nukae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi? Be nànya ŋuɖoɖoa la, de ŋugble le Noa ƒe ŋutinya si dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋu kpɔ. Ƒe akpe geɖewoe nye si va yi esi Noa nɔ anyi. Enye ame nyui si dze agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Gake ame bubu siwo nɔ anyigba dzi wɔa nu vlowo. Eyata Yehowa gblɔ na Noa be yegbɔna ame vɔ̃ɖi mawo katã tsrɔ̃ ge kple tsiɖɔɖɔ. Egblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu ale be Tsiɖɔɖɔa nagatsrɔ̃ eya kple eƒe ƒomea o.—Mose I, 6:9-18.\nNoa kple eƒe ƒomea kpa aɖakaʋua. Noa xlɔ̃ nu amewo be Tsiɖɔɖɔ gbɔna, gake womeɖo toe o. Woyi nuvlowɔwɔa dzi. Esi Noa kpa aɖakaʋua wu enu la, ekplɔ lãwo yi emee, eye woa kple eƒe ƒomea hã yi eme. Emegbe Yehowa na tsi gã aɖe dza. Tsi dza ŋkeke 40 kple zã 40. Tsia ɖɔ xɔ anyigba bliboa katã dzi.—Mose I, 7:7-12.\nAme vɔ̃ɖiawo tsrɔ̃, gake wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta. Yehowa kpɔ wo ta dedie le Tsiɖɔɖɔa me hekplɔ wo va anyigba si dzi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ megale o. (Mose I, 7:22, 23) Biblia gblɔ be ɣeyiɣi aɖe gagbɔna esi Yehowa atsrɔ̃ amesiwo gbe nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Womatsrɔ̃ ame nyuiwo o. Woanɔ agbe tegbee le Paradisonyigbaa dzi.—Petro II, 2:5, 6, 9.\nAme geɖe wɔa nu vlowo egbea. Xaxa bɔ ɖe xexeame fũ. Yehowa dɔa eƒe Ðasefowo ɖa edziedzi be woaxlɔ̃ nu amewo, gake ame akpa gãtɔ gbe be yewomaɖo to Yehowa ƒe nya o. Womedi be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ o. Womedi be yewoalɔ̃ ɖe nusi Mawu gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu dzi o. Nukae adzɔ ɖe amesiawo dzi? Woava trɔ gbaɖegbea? Ame geɖe matrɔ akpɔ gbeɖe o. Ɣeyiɣi gbɔna esime woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye womaganɔ anyi azɔ o.—Psalmo 92:8.\nWomatsrɔ̃ anyigba o; woawɔe wòazu paradiso. Amesiwo va zu Mawu xɔlɔ̃wo anɔ agbe le Paradisonyigbaa dzi tegbee.—Psalmo 37:29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/noa-%C6%92e-%C5%8Butinya-nu-si-dz%C9%94-va-yi-nye-nuxl%C9%94%CC%83ame\/","date":"2019-06-26T00:32:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999964.8\/warc\/CC-MAIN-20190625233231-20190626015231-00081.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994293451,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994293451309204}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu si nàte ŋu awɔ\nDi teƒe si nàsrɔ̃ nua le. Mele be toɣliɖeɖe nanɔ teƒea o. Ne anya wɔ la, zã nusrɔ̃kplɔ̃. Mègaʋu television ne èle nu srɔ̃m o.\nWɔ nu siwo le vevie wu la gbã. Esi wònye sukunusɔsrɔ̃ le vevie ta la, ɖoe be yeawɔ yeƒe sukudɔdeasiwo gbã.\nMèganɔ megbelele hem o. Wɔ ɖoɖo koŋ ɖe wò sukudɔdeasiwo ŋu, eye nàwɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ.\nÐoɖowɔɖi nenɔ asiwò. Tia dɔdeasi si nàwɔ gbã, esi nàwɔ evelia kple bubuawo. Ŋlɔ esiawo ɖe pepa dzi eye nàɖo ɣeyiɣi si nàzã ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ne èwu wo dometɔ aɖe wɔwɔ nu la, te fli ɖe eme.\nÐi ɖe eme vie. Ne èkpɔe be yeƒe susu megale nusɔsrɔ̃a lém tututu o la, ke ɖi ɖe eme vie. Gake gbugbɔ trɔ ɖe eŋu kaba.\nKakaɖedzi nenɔ asiwò. Ðo ŋku edzi be menye tagbɔ ɖaɖɛ ye nana ame nyea sukuvi nyui o ke boŋ veviedodonu ye. (Lododowo 10:4) Àte ŋu akpɔ dzidzedze le suku. Do vevie nu, ekema akpɔ eme kutsetse nyuiwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/sukud%C9%94deasiwo-s%C9%94-gb%C9%94-akpa\/","date":"2019-06-25T20:25:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999946.25\/warc\/CC-MAIN-20190625192953-20190625214953-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989971519,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998997151851654}","num_words":171,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae na apostoloawo bi ɖe nufiafia me? Nu kae kpe ɖe wo ŋu woƒo nu kple dzideƒo wòwɔ dɔ ɖe amewo dzi? \"Wonɔ Yesu\" si nye Nufiala Gã la ŋu, eye wosrɔ̃ nu tso egbɔ. (Dw 4:13) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míanye Biblia fiala bibiwo?\nTsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna da ɖe nya siwo nu wosɔ ɖo la gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov19-25\/edzi-%C6%92o-mawu-%C6%92e-nya-kple-dzide%C6%92o\/","date":"2019-06-18T20:57:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998817.58\/warc\/CC-MAIN-20190618203528-20190618225528-00371.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979603887,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979603886604309}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Asia ye nye anyigba ƒe nuto si me amewo sɔ gbɔ le wu. Ne woma anyigbadzinɔlawo katã ɖe akpa etɔ̃ me la, Asia-du eve siwo nye China kple India ɖeɖe dzaa me tɔwo sɔ gbɔ wu akpa ɖeka. Kuxi kawoe dze ŋgɔ Asia-dukɔwo esi wole agbagba dzem be yewoana hehe yewoƒe dukɔmeviwo ahakpɔ wo ta?\nNufiafia Ðeviwo Kpɔa Wo Ta\nChinatɔwo ƒe senyalawo gblɔ be ele bɔbɔe ŋutɔ be woawɔ gbɔdɔnuwo ɖe viwo ŋu ne wo dzilawo mefiaa nu wo tso gbɔdɔnyawo ŋu tso woƒe ɖevime o. Chinatɔwo ƒe senyalawo drɔ̃ nya 8,000 ku ɖe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu le ƒe ene siwo va yi me. Sefiala aɖe si fiaa nu le Beijing Normal University gblɔ be \"wɔna boo mele ɖeviwo ŋu o, eye wotea ŋu dzea wo dzi bɔbɔe. Nufiafia ɖeviawo akpɔ wo ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me.\"\nVidzĩ Siwo Kuna Le Ahom Gãwo Tutu Megbe\nNumekuku aɖe ɖee fia be vidzĩ nyɔnuvi siwo ku le ƒe ɖeka me le ahom gã aɖe si tu le Philippines megbe la sɔ gbɔ wu ame siwo ku le ahom la ŋutɔŋutɔ me zi 15 sɔŋ. Nu siwo gbɔ esia tso la dometɔ aɖewoe nye dɔmakpɔwɔe le ahom la tutu megbe, gazazã ɖe xɔwo gbugbɔ tu ŋu, kple ale si ga siwo wozãna ɖe nyɔnuviwo ŋu, si lɔ woƒe nuɖuɖu kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖe eme la, mede afi aɖeke o ta.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: 'Ma wò abolo kple dɔwuitɔ, eye nàkplɔ hiãtɔ kple aƒemanɔsitɔ ava aƒewò me eye ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàdo awu nɛ.'—Yesaya 58:7.\nAme Tsitsiwo Le Wo Ðokuiwo Wum Le South Korea\nLe ƒe 2011 me la, ame siwo katã wu wo ɖokuiwo le South Korea la dometɔ siwo wu ɖeka le ene me nye ame tsitsi siwo xɔ ƒe 65 alo esiwo wu nenema. Numekula aɖewo gblɔ be ale si amewo megaléa be na wo dzilawo o kple ganyawo ƒe sesẽ gbɔe esia tso. Ame tsitsi siwo katã le South Korea ƒe afã kloe da ahe. South Korea tɔ siwo ƒe agbɔsɔsɔ mede dua me nɔlawo ƒe afã o koe bunɛ egbea be ele be amewo nakpɔ wo dzila tsitsiwo dzi.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ: \"Bu fofowò kple dawò.\"—Efesotɔwo 6:2.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201505\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu-asia\/","date":"2019-06-18T07:21:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998690.87\/warc\/CC-MAIN-20190618063322-20190618085322-00363.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998890698,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988906979560852}","num_words":361,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na anyigbadzinɔlawo katã. (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo dze woƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Spaingbe me tso keke ƒe 1909 me ke, eye wole kpekpem ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu le xexea me godoo wole Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sem le wo degbe me. Spaingbee nye anyigbadzigbegbɔgblɔ evelia si dolawo sɔ gbɔ wu, eye gbãtɔe nye Chinagbe. Ame miliɔn alafa atɔ̃ aɖewoe doa Spaingbe le xexea me godoo.\nWilliam si nye gbegɔmeɖela le Spaingbe gbegɔmeɖeƒea gblɔ be: \"Dukɔwo dome gbee Spaingbe nye, eye wodonɛ le dukɔ geɖe siwo ƒe dekɔnuwo le vovovo la me, míaƒe taɖodzinuae nye be míaɖe agbalẽwo gɔme woade dzi gbɔ na nuxlẽla siwo nye dukɔ vovovo me tɔwo, ame siwo ƒe agbalẽnyanya le vovovo, ame dahewo kple gatɔwo siaa.\" Gbegɔmeɖelaawo tso Argentina, Colombia, El Salvador, Guatemala, Mexico, Puerto Rico, United States, Uruguay, Venezuela kple Spain ale be woaɖe agbalẽwo gɔme woade dzi gbɔ na dukɔ mawo katã me tɔwo.\nYehowa Ðasefowo ɖea woƒe agbalẽwo gɔme ɖe Spaingbe me le United States hena ƒe geɖe, eye gbegɔmeɖelawo nye Ðasefo siwo tso Argentina, Mexico kple Spain. Gake le ƒe 1993 me la, woɖe Spaingbe gbegɔmeɖeƒea yi Puerto Rico, si wɔe be gbegɔmeɖelawo katã nɔ teƒe ɖeka nɔ dɔa wɔm.\nLe March 2012 me la, woɖoe be woagaɖe Spaingbe Gbegɔmeɖeƒea ayi teƒe bubu, fifia ya woaɖee ayi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spain. Edward gblɔ be: \"Ebia be míaʋu kple míaƒe nunɔamesiwo, dɔwɔnuwo, gake menya ema koe o, ehiã be míaʋu kple dɔwɔnu vevi aɖe hã, eyae nye míaƒe agbalẽdzraɖoƒea.\" Agbalẽ 2,500 siwo dome Spaingbe me Biblia alafa geɖewo hã le woe le agbalẽdzraɖoƒea.\nLe May 29, 2013 dzi la, Spaingbe gbegɔmeɖelawo va ɖo woƒe aƒe yeyea me, eye Spain Betel-ƒomea me tɔwo xɔ wo kple vividoɖeameŋu gã aɖe. Gbegɔmeɖelawo, dɔwɔnuawo kple agbalẽwo tso Atlantik-ƒua va Spain, gake ɖoɖo nyui si wowɔ ɖe ʋuʋua ŋu wɔe be agbalẽ aɖeke meto ame siwo xlẽa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo le Spaingbe me la ŋu o. Edward gblɔ be: \"Fiaɖuƒegbedeasiae nye nu vevitɔ na mí, eye míedi be Spaingbedola gbogbotɔ kekeake naxlẽe.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agbal%E1%BA%BDtata\/spaingbe-gbeg%C9%94me%C9%96e%C6%92e-spain\/","date":"2019-06-16T07:02:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00091.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99937433,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993743300437927}","num_words":342,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU ÐEE FIA BE YUDA NYE YOMEMƆFIALA\nYESU ÐO ŊKUÐODZINUÐUÐUA ANYI\nDo ŋgɔ le fiẽsi sia me la, Yesu klɔ afɔ na eƒe apostolowo tsɔ fia nu wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu. Azɔ edze abe esi woɖu Ŋutitotonua vɔe wòhe susu yi David ƒe nyagblɔɖi sia dzi be: \"Ame si le ŋutifafa me kplim, ame si dzi meka ɖo, si ɖua nye abolo la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.\" Eyome eɖe eme be: \"Mia dometɔ ɖeka adem asi.\"—Psalmo 41:9; Yohanes 13:18, 21.\nApostoloawo kpɔ wo nɔewo ŋkume eye wo dometɔ ɖe sia ɖe biae be: \"Aƒetɔ, menye nyee o ɖe?\" Yuda Iskariot gɔ̃ hã bia nya ma. Petro gblɔ na Yohanes, ame si nɔ Yesu xa le kplɔ̃a ŋu la be wòabiae be ame kae hã. Eya ta Yohanes ziɔ ɖe Yesu ŋu hebiae be: \"Aƒetɔ, ame kae?\"—Mateo 26:22; Yohanes 13:25.\nYesu ɖo eŋu be: \"Ame si maka abolo atɔ agba me atsɔ ana lae.\" Yesu tsɔ abolo tɔ agbaa me eye wòtsɔe na Yuda hegblɔ be: \"Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti ene, gake baba na ame si ade Amegbetɔvi la asi! Ne ɖe womegaxa ame ma dzi o la, anye ne enyo nɛ wu.\" (Yohanes 13:26; Mateo 26:24) Azɔ Satana ge ɖe Yuda me. Ŋutsu sia, si zu nu gbegblẽ wɔla xoxo la, tsɔ eɖokui de asi na Abosam ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, si wɔe be wòzu \"tsɔtsrɔ̃vi la.\"—Yohanes 6:64, 70; 12:4; 17:12.\nYesu gblɔ na Yuda be: \"Nu si wɔm nèle la, wɔe kaba.\" Apostolo mamlɛawo susui be ɖe wònɔ gbɔgblɔm na Yuda, ame si gbɔ gaɖakaa le la be: \"'Ƒle nu siwo hiã na ŋkekenyui la,' alo be wòana nane ame dahewo.\" (Yohanes 13:27-30) Ke hã, Yuda yi ɖade Yesu asi boŋ.\nLe fiẽ si tututu me woɖu Ŋutitotonua la, Yesu ɖo nuɖuɖu ƒe wɔna yeye aɖe kura anyi. Etsɔ abolo, eye esi wòda akpe la, eŋe eme hetsɔe na eƒe apostoloawo be woaɖu. Egblɔ na wo be: \"Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã si woatsɔ ana ɖe mia ta. Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\" (Luka 22:19) Aboloa tsa le apostoloawo katã dzi eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ka ɖe ɖu.\nEyome Yesu tsɔ kplu si me wain le, eye wòda akpe ɖe eta hetsɔe na wo. Wo katã wono nu le kplua nu, eye Yesu gblɔ be: \"Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye si wowɔ to nye ʋu, si woakɔ ɖe anyi le mia ta la, dzi.\"—Luka 22:20.\nYesu to wɔna sia dzi ɖo eƒe ku ƒe ŋkuɖodzi si eyomedzelawo anɔ wɔwɔm ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi la anyi. Ana woanɔ ŋku ɖom nu si Yesu kple Fofoa wɔ be ame siwo si xɔse le la navo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me la dzi. Ablɔɖe vavã si dzi wòhe ame siwo si xɔse le ƒe susu yii la de ŋgɔ sãsãsã wu ablɔɖe si dzi Ŋutitotoa he Yudatɔwo ƒe susu yii.\nYesu gblɔ be woakɔ yeƒe ʋu \"ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.\" Apostolo wɔnuteƒeawo kple ame bubu siwo le abe woawo ene la hã le ame geɖe siwo ƒe nu vɔ̃wo woatsɔ ake la dome. Woawoe nye ame siwo anɔ Fofoa ƒe Fiaɖuƒe la me kplii.—Mateo 26:28, 29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/a%C6%92et%C9%94-%C6%92e-fi%E1%BA%BDnu%C9%96u%C9%96u\/","date":"2019-06-26T18:30:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000414.26\/warc\/CC-MAIN-20190626174622-20190626200622-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986256361,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998625636100769}","num_words":528,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY (SIAMLƆM) 21, 2015\nRUSSIA\nLe July (Siamlɔm) 14, 2015 dzi la, Russiatɔwo ƒe dedzidɔwɔlawo gbe be Yehowa Ðasefowo megatsɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si wotana eye wòle Russiagbe me la va Russia-dukɔa me o. Esiae nye zi gbãtɔ woɖe afɔ sia ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Russia. Tso March (Tedoxe) 2015 me la, Russia dziɖuɖumegãwo meɖe mɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo nage ɖe Russia o, togbɔ be agbalẽ siawo dometɔ aɖeke menye esiwo Russia dziɖuɖua gblɔ be wonye Agbalẽ Siwo Dea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo o hã. Mɔxexe ɖe agbalẽawo nu be womegatsɔ wo va dukɔa me o kple ale si woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org dzi nyitsɔ laa la fia be mawusubɔsubɔgbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo tana kple esiwo woda ɖe internet dzi siaa mate ŋu age ɖe Russia-dukɔa me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/russia-xe-m%C9%94-%C9%96e-biblia-nu-20150721\/","date":"2019-06-17T06:34:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998440.47\/warc\/CC-MAIN-20190617063049-20190617085049-00497.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995808005,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995808005332947}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpe xɔasi siwo ŋu amewo mefena le o dometɔ ɖekae nye lotamekpe. Wodzraa ɖewo dɔlar miliɔn geɖe. Gake ɖe nènyae be le Mawu gbɔ la, nanewo li siwo xɔ asi sãsãsã wu lotamekpe, sika kple kpe xɔasi bubuwoa?\nGbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe si ŋkɔe nye Haykanush si le Armenia fɔ mɔzɔgbalẽ aɖe le eƒe aƒe gbɔ lɔƒo. Ekpɔ gaxɔgbalẽvi kple ga gbogbo aɖe le mɔzɔgbalẽa me. Etsɔe fia srɔ̃aŋutsu si hã nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.\nƔemaɣi la, ganyawo nɔ sesẽm na atsu kple asi sia; eya ta ame aɖe agblɔ be, 'Nu ka dim ŋɔti le wu gbɔgbɔ!' Gake atsu kple asia tso nya me be yewoazã adrɛs si le mɔzɔgbalẽa me atrɔ ga la ayi na nua tɔ. Esia wɔ nuku na ŋutsu si tɔe mɔzɔgbalẽa nye kple eƒe ƒomea ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo. Haykanush kple srɔ̃a gblɔ na wo be Biblia sɔsrɔ̃e kpe ɖe yewo ŋu yewonye anukwareɖilawo. Wokpɔe be ele vevie be yewoaɖi anukware, eye wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu na ƒomea eye wotsɔ míaƒe agbalẽ aɖewo na wo.\nƑomea di be yewoana ga Haykanush ɖe eƒe anukwareɖiɖi ta gake egbe. Le ŋkeke eveagbe la, ŋutsua srɔ̃ ɖi tsa yi Haykanush kple srɔ̃a gbɔ, ena lotamekpesigɛ Haykanush eye wògblɔ nɛ be yeƒe ƒomea kpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ la ŋu ŋutɔ eya ta yewodi be wòaxɔ nunana sia.\nHaykanush kple srɔ̃aŋutsu ƒe anukwareɖiɖia awɔ nuku na ame geɖe abe ale si ko wòwɔ nuku na ƒome ma ene. Gake ɖe wòawɔ nuku na Yehowa? Aleke wòabu woƒe anukwareɖiɖi lae? Ðe wòle be woaɖi anukware alea kokokoa?\nNƆNƆME NYUI SIWO XƆ ASI WU KESINƆNUWO\nBiabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo mesesẽ kura o. Elabena Mawu subɔlawo nyae be nɔnɔme nyui siwo dzea Yehowa ŋu la xɔ asi le eŋkume wu lotamekpe, sika, alo kpe xɔasi bubuwo. Nyateƒee, Yehowa ƒe susu le nu siwo xɔ asi kple nu siwo mexɔ asi o ŋu to vovo na ame akpa gãtɔ tɔ. (Yes. 55:8, 9) Eye le esubɔlawo gome la, Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ɖeɖe fia nye mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o.\nEsia dze ƒãa le nya si Biblia gblɔ le nunya kple nugɔmesese ŋu me. Lododowo 3:13-15 gblɔ be: \"Dzidzɔtɔe nye ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si nugɔmesese su; elabena eƒe amesinɔnɔ nyo wu klosalo ƒe amesinɔnɔ, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye nu siwo dzroa wò la dometɔ aɖeke mede enu o.\" Yehowa dea asixɔxɔ nɔnɔme siawo ŋu kura wu kpe xɔasiwo.\nKe anukwareɖiɖi hã ɖe?\nYehowa ŋutɔ nye anukwaretɔ; \"mate ŋu aka aʋatso o.\" (Tito 1:2) Eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be: \"Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.\"—Heb. 13:18.\nYesu Kristo ɖo anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Gbe ɖeka Nunɔlagã Kayafa gblɔ nɛ be: \"Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la!\" Yesu ʋu eme anukwaretɔe be yee nye Mesia la, togbɔ be emeʋuʋu alea ate ŋu ana Sanhedrin la natsɔ nya ɖe eŋu be enye busunyagblɔla eye woana woawui gɔ̃ hã.—Mat. 26:63-67.\nKe míawo ya ɖe? Ne míeɖo nɔnɔme aɖe me eye míekpɔe be míakpɔ ga geɖe ne míevivi nume alo míebaɖa afɔ na nya aɖe la, ɖe míalɔ̃ aɖi anukwarea?\nNU SIWO ME ANUKWAREÐIÐI SESẼNA LE\nAvu kple kɔe wònye le ŋkeke mamlɛ siawo me be woaɖi anukware esime ame akpa gãtɔ nye \"ɖokuilɔ̃lawo\" kple \"galɔ̃lawo.\" (2 Tim. 3:2) Ganyawo ƒe sesẽ alo dɔmakpɔwɔe nana anukwareɖiɖi sesẽna. Ewɔna na ame geɖe be yewo tɔ dzɔ be yewoafi fi, aba ame, alo awɔ nu fitifiti bubuwo. Susu sia bɔ ale gbegbe be ne eɖo gakpɔkpɔ dzi la, ne màyi o la, agoo mayi ƒe nyae; anukwareɖiɖi ya mele edzi o. Mɔ̃ sia ɖe Kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã ale be \"viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ\" na tenɔnɔ nyui megale wo si le hamea me o.—1 Tim. 3:8; Tito 1:7.\nGake Kristotɔ akpa gãtɔ srɔ̃a Yesu. Wonyae hã be Mawu ƒe nɔnɔmewo sɔsrɔ̃ le vevie wu kesinɔnu alo viɖe ɖe sia ɖe. Eya ta Kristotɔ sukuviwo mefia dodokpɔwo kpɔna be yewoakpɔ dzidzedze o. (Lod. 20:23) Nyateƒee, menye ɣesiaɣie woaɖo míaƒe nyateƒetoto teƒe na mí abe Haykanush ene o. Ke hã, anukwareɖiɖi dzea Mawu ŋu henana dzitsinya dzadzɛ nɔa mía si, eye asixɔxɔ manyagblɔ le eŋu.\nGagik ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe edzi nenema. Egblɔ be: \"Hafi mava zu Kristotɔ la, menɔ dɔ wɔm na adzɔha gã aɖe; míaƒe dɔtɔa ŋea adzɔ siwo míaxe ɖe eme to ale si mebua viɖe siwo dɔwɔƒea kpɔna la katã ŋuti kɔnta o me. Nyee nye dɔdzikpɔlaa, eye dɔtɔa bia tso asinye be mana zãnu adzɔxɔlawo ale be woagakɔ nu le míaƒe nuwɔnaa dzi o. Ewɔe be ame sia ame nyae be didritɔe menye. Meva srɔ̃ nyateƒea eye megbe be nyemaganɔ agbe ma azɔ o, togbɔ be mekpɔa ga geɖe tsã hã. Meɖo nye ŋutɔ nye dɔwɔƒe. Mede nye dɔwɔƒea agbalẽ me eye mexe nye adzɔwo katã tso gɔmedzedzea ke.\"—2 Kor. 8:21.\nGagik gblɔ be: \"Ga si mekpɔna ɖiɖi kura eya ta nye ƒomea dzi kpɔkpɔ va nɔ sesẽm nam. Ke hã mele dzidzɔ kpɔm fifia. Nye dzitsinya ŋu kɔ le Yehowa ŋkume. Mele kpɔɖeŋu nyui ɖom na vinyeŋutsu eveawo eye wona agbanɔamedzi geɖem le hamea me. Fifia adzɔxɔlawo kple nye asisiwo katã nyae be menye anukwaretɔ.\"\nYEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU\nYehowa lɔ̃a ame siwo ɖoa atsyɔ̃ na eƒe nufiafia to eƒe nɔnɔme deŋgɔawo, si ƒe ɖekae nye anukwareɖiɖi, ɖeɖe fia me. (Tito 2:10) Eƒe gbɔgbɔ ʋã Fia David wògblɔ kple kakaɖedzi be: \"Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o.\"—Ps. 37:25.\nNuteƒewɔla Rut ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe nya sia dzi. Megblẽ lɔ̃xoa Naomi ɖi le eƒe nyagãkuku me o, ke boŋ eku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ. Rut ʋu yi Israel be wòate ŋu asubɔ Mawu vavã la. (Rut 1:16, 17) Esi Rut va ɖo Israel la, eɖi anukware, ewɔ dɔ sesẽ henɔa nukuwo fɔm veviedodotɔe abe ale si wòle le Se la me ene. Yehowa megblẽ Rut kple Naomi ɖi dɔ wu wo gbeɖe o, abe ale si David hã va kpɔe emegbe ene. (Rut 2:2-18) Eɖe dzesi ŋutɔ be menye Rut ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ koe Yehowa kpɔ nɛ o. Etiae be wòanye Fia David kple Mesia si ŋugbe wòdo la gɔ̃ hã mamagã!—Rut 4:13-17; Mat. 1:5, 16.\nAte ŋu adzɔ be ganyawo nava nɔ sesẽm na Yehowa subɔla aɖewo. Be woato anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna aɖe dzi ado le eme teƒe la, wokua kutri wɔa dɔ sesẽ, elabe 'didi kple nɔvia kekeɖeŋue.' Woɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ Mawu ƒe nɔnɔme deŋgɔawo, siwo dome anukwareɖiɖi hã le, ŋu wu ŋutilãmenuwo.—Lod. 12:24; Ef. 4:28.\nAbe Rut ene la, Kristotɔ siwo le xexea me katã wɔa nu tsɔ ɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu. Woka ɖe Ame si do ŋugbe le eƒe Nya la me be, \"nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o\" la dzi tso dzi blibo me. (Heb. 13:5) Yehowa ɖee fia enuenu be ŋusẽ le ye si be yeakpe ɖe fukpela siwo ɖia anukware ɣesiaɣi ŋu, eye akpe ɖe wo ŋu hã. Ewɔna ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí la dzi ɖaa.—Mat. 6:33.\nƐ̃, amegbetɔwo dea asixɔxɔ gã lotamekpe kple kpe xɔasi bubuwo ŋu. Gake nenɔ susu me na mí be, mía Fofo si le dziƒo ya bua anukwareɖiɖi kpakple nɔnɔme nyui bubuwo be woxɔ asi, ɛ̃, wonyo sãsãsã wu kpe xɔasiwo!","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2016\/anukware%C9%96i%C9%96i-nyo-wu-kpe-x%C9%94asi\/","date":"2019-06-20T00:51:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.50\/warc\/CC-MAIN-20190620004625-20190620030625-00035.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982908964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982908964157104}","num_words":1251,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AMEWO DI BE YEWOAÐO YESU FIAE\nYESU ZƆ TSI DZI, ETSI AHOM NU\nŊusẽ si le Yesu si be wòanyi ame akpe geɖe nukutɔe la wɔ dɔ ɖe ameawo dzi ŋutɔ. Woƒo nya ta be \"vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila si ƒe nya wogblɔ ɖi be ava xexea me,\" si nye Mesia la, eye anye dziɖula nyui. (Yohanes 6:14; 5 Mose 18:18) Eya ta woɖo tame be yewoalé Yesu aɖo fiae.\nGake Yesu de dzesi nu si ɖom ameawo le. Eya ta edo mɔ amehaawo, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe woƒe tɔdziʋua me. Afi kae woayi? Woayi Betsaida gbã eye emegbe woayi Kapernaum. Ke Yesu ŋutɔ ya yi toa dzi ɖado gbe ɖa le zã ma me.\nEsi dzinu gakpɔtɔ le ɖiɖim eye wòsusɔ vie fɔŋli naɖo la, Yesu kpɔ tɔdziʋua le adzɔge ɖaa. Ya sesẽ aɖe na ƒutsotsoewo nɔ mimlim kple ŋusẽ, si wɔe be 'ʋua kuku nɔ sesẽm na apostoloawo, elabena ya ƒo va le wo kpem.' (Marko 6:48) Yesu ɖi tso toa dzi eye wòzɔ ƒutsotsoeawo dzi ɖo ta wo gbɔ. Ɣemaɣi la, \"woku tɔdziʋua anɔ agbadroƒe etɔ̃ alo ene\" xoxo. (Yohanes 6:19) Esi nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu eye wòdze abe ɖe wòto wo ŋu yina ene la, wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be: \"Drɔ̃e yea?\"—Marko 6:49.\nYesu fa dzi na wo gblɔ be: \"Milé dzi ɖe ƒo! Nyee; migavɔ̃ o.\" Gake Petro gblɔ be: \"Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.\" Yesu ɖo eŋu nɛ be: \"Va!\" Ale Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Ke esi Petro kpɔ ale si yaa le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye wòde asi toyiyi me. Edo ɣli be: \"Aƒetɔ, xɔ nam!\" Yesu do asi ɖa lé Petro hegblɔ nɛ be: \"Wò xɔseʋɛtɔ, nu ka ŋuti nèke ɖi?\"—Mateo 14:27-31.\nEsi Petro kple Yesu ge ɖe ʋua me la, ya la dzudzɔ ƒoƒo. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo, gake ɖe wòle be wòawɔ nuku na woa? Ne ɖe wokpɔ 'nufiame si le abolo' ƒe nukunu si Yesu wɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ me esi wònyi ame akpewo dze sii la, anye ne mawɔ nuku na wo be ete ŋu zɔ tsi dzi eye wòna ya la dzudzɔ ƒoƒo o. Azɔ wobɔbɔ nɛ hegblɔ be: \"Mawu Vie nènye vavã!\"—Marko 6:52; Mateo 14:33.\nLe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woɖo Genezaret, si nye gbadzaƒe wɔnu dzeani aɖe si le Kapernaum ƒe anyiehe. Woda seke na ʋua heɖi va go dzi. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye woawo kple ame bubu siwo le nuto mawo me la kplɔ ame siwo ƒe lãme gblẽ la va egbɔ. Ne dɔnɔawo ka asi Yesu ƒe awu toga ŋu ko la, woƒe lãme sẽna keŋkeŋ.\nƔemaɣi la, ameha si kpɔ eteƒe Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la hã de dzesii be edzo. Eya ta esi tɔdziʋu suewo tso Tiberia va la, woɖo wo heyi Yesu di ge le Kapernaum. Esi wokpɔe la, wobiae be: \"Rabi, ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?\" (Yohanes 6:25) Yesu ka mo na wo, eye susu nyui aɖe tae, abe ale si míava kpɔe ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/z%C9%94-tsi-dzi\/","date":"2019-06-20T15:08:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999261.43\/warc\/CC-MAIN-20190620145650-20190620171650-00098.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999055922,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990559220314026}","num_words":502,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Oo, mi Kristo yomedzelawo;\nMiva wɔ dɔ nɛ kple dzidzɔ.\nAƒetɔ la ado ŋusẽ wò\nNàwɔ dɔ nɛ kple dzi blibo.\nFiaɖuƒenuku la atse ku nyuie\nÐe dzinyuitɔwo ƒe dzi me.\n'Ya ta do vevie nu le dɔ nyui sia me,\nBe nàwɔe nuteƒewɔwɔtɔe.\n2. Zi geɖe wò dzidzedzekpɔkpɔ.\nAtso wò'agbagbadzedze gbɔ.\n'Ya ta kpe ɖe wò nusrɔ̃vi'o ŋu\nWoalɔ̃ nyateƒe si wosrɔ̃.\nDe dzi ƒo na wo woali ke sesĩe,\nWoado dzi, anɔ te sesĩe.\n'Kema mia kpli wo ƒe dzidzɔ agba go\nNe wova ɖo tsitsinyenye gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/68-fia%C9%96u%C6%92ea-%C6%92e-nukuwo-wuwu\/","date":"2019-06-18T05:43:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998607.18\/warc\/CC-MAIN-20190618043259-20190618065259-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991719723,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991719722747803}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be susu nyui aɖee nɔ Petro si wòtsɔ gblɔ nya ma hã, Yesu ɖɔ Petro ƒe susu totroa ɖo enumake\nYesu nyae be menye ɣeyiɣi sia mee yeadi \"nyui\" na ye ɖokui o. Ne Yesu ɖe ŋu ɖi vie le gaƒoƒo sia tututu me la, ke nu si Satana le mɔ kpɔm na ye nye ma wòwɔ\nYesu gblɔ nu etɔ̃ siwo wòle be míawɔ be míana Mawu nafia mɔ mí. Nu kae nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe bia?\nGbe nu le ɖokuiwò gbɔ:\nTsɔ wò fuwɔameti la:\nDze Yesu yome ɖaa:","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/february-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-feb19-25\/ame-ka-%C6%92e-tamesusuwoe-le-asiw%C3%B2\/","date":"2019-06-18T02:49:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00172.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953238964,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995323896408081}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Aƒedzikpɔla\" ye Sebna nye ɖewohĩ le Fia Hizkiya ƒe aƒe me. Fia koe kpɔ ŋusẽ wui eya ta wobia nu geɖe tso esi.\nÐe wòle be Yehowa ƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nanɔ vevie na Sebna hafi\nÐokuitɔdidi na wòva nɔ bubu dim na eɖokui\nYehowa tsɔ Eliyakim ɖo Sebna teƒe\nWotsɔ \"David ƒe aƒe la ƒe safui\" na Eliyakim, eye esia fia ɖoƒe kple ŋusẽ\nBu nya sia ŋu kpɔ: Mɔ ka nue wòle be Sebna nazã eƒe ŋusẽa le hafi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec26-jan1\/%C5%8Bus%E1%BA%BD-%C5%8Bu-d%C9%94-maw%C9%94maw%C9%94-nyuie\/","date":"2019-06-16T01:28:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997508.21\/warc\/CC-MAIN-20190616002634-20190616024634-00059.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988000989,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988000988960266}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Saul va zu Israel-fia gbãtɔ. Gake Yehowa gbee, eye wòtia Dawid be wòaɖu fia ɖe eteƒe. Míasrɔ̃ nu geɖe tso Dawid ŋuti. Esi wònye ɖevi la, ewɔ aʋa kple Goliat, ame dzɔtsu la. Emegbe la, esi le Fia Saul, ŋuʋãla la nu. Eye Abigail dzetugbee la xe mɔ nɛ be mewɔ bometsinu o.\nEmegbe la, míasrɔ̃ nu geɖe le Dawid ƒe vi Salomo, amesi xɔ ɖe Dawid teƒe abe Israel-fia ene la ŋuti. Israel-fia gbãtɔ etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe ɖu fia hena ƒe 40. Le Salomo ƒe ku megbe la, woma Israel ɖe fiaɖuƒe eve me, anyiehe kple dziehe fiaɖuƒe.\nTo 10 ƒe dziehe fiaɖuƒe la nɔ anyi ƒe 257 hafi Asiriatɔwo va tsrɔ̃e. Ƒe 133 megbe la, wotsrɔ̃ to eve ƒe anyiehe fiaɖuƒe la hã. Fifia ya la, woɖe aboyo Israel-viwo yi ɖe Babilon. Eyata Akpa ENELIA kpe ƒe 510 ƒe ŋutinya ɖo, ɣeyiɣi, sia me nukunu geɖe dzɔ.\nLE AKPA SIA\nŊUTINYA 56 LIA\nMawu ŋutɔe tia Saul gake eva gbee emegbe; míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Saul ƒe ŋutinyaa me.\nŊUTINYA 57 LIA\nNu kae Mawu kpɔ le David ŋu si nyagblɔɖila Samuel mekpɔ o?\nŊUTINYA 58 LIA\nMenye akafo ɖeɖe koe David zã tsɔ kpe aʋa kple Goliat o, ke ewɔ nu bubu aɖe si de ŋgɔ boo la hã ŋu dɔ.\nŊUTINYA 59 LIA\nSaul kpɔ dzidzɔ ɖe David ŋu gbã, gake eva ʋã ŋui hedi be yeawui. Nu ka tae?\nŊUTINYA 60 LIA\nAbigail yɔ srɔ̃a be yakame, gake esia kpɔ ŋutsua ƒe agbe ta gbe ma gbe.\nŊUTINYA 61 LIA\nDavid to nu siwo wòwɔ kple nu siwo melɔ̃ be yeawɔ o dzi ɖee fia be yedze anye Israel-fia.\nŊUTINYA 62 LIA\nDavid da vo gã aɖe si he xaxa va eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi ƒe geɖe.\nŊUTINYA 63 LIA\nÐe wòɖoe be yeafe ɖevia ɖe eve ŋutɔŋutɔa?\nŊUTINYA 64 LIA\nTogbɔ be Salomo ƒe nunya de ŋgɔ hã la, woble enu wòwɔ nu gbegblẽ kple bometsinu aɖe.\nŊUTINYA 65 LIA\nEsi Yeroboam dze dziɖuɖu gɔme teti ko la, ena dukɔ la da le Mawu ƒe sewo dzi.\nŊUTINYA 66 LIA\nIzebel tsɔa akpa sesẽ xɔa nu sia nu si wòdi be nezu ye tɔ.\nŊUTINYA 67 LIA\nNu ka tae hadzila siwo mebla aʋakpa o la adze ŋgɔ na asrafo siwo ho aʋa?\nŊUTINYA 68 LIA\nÐe wòanya wɔ be woagbɔ agbe ame aɖe si kua? Ɛ̃, edzɔ kpɔ!\nŊUTINYA 69 LIA\nDzi nɔ eƒo wòƒo nu, si wɔe be nukunu aɖe va dzɔ mlɔeba.\nŊUTINYA 70 LIA\nYona srɔ̃ nu vevi aɖe ku ɖe toɖoɖo Yehowa ŋu.\nŊUTINYA 71 LIA\nParadiso gbãtɔ nɔ sue; esia ya axɔ anyigba bliboa dzi.\nŊUTINYA 72 LIA\nMawudɔla ɖeka wu Asiria asrafo 185,000 sɔŋ le zã ɖeka me.\nŊUTINYA 73 LIA\nDzi nɔ Yosiya ƒo wòɖe afɔ vevi aɖe esime wònye ɖekakpui.\nŊUTINYA 74 LIA\nYeremiya susui be yemetsi haɖe ne yeanye nyagblɔɖila o, gake Mawu ya nya be Yeremiya ate ŋui.\nŊUTINYA 75 LIA\nWokpɔ dzidzedze togbɔ be woɖe wo ɖe aga tso woƒe ƒometɔwo gbɔ hã.\nŊUTINYA 76 LIA\nNu ka tae Mawu na Israel ƒe futɔ siwo nye Babilontɔwo la va tsrɔ̃ Yerusalem?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/4\/","date":"2020-01-27T04:02:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251694176.67\/warc\/CC-MAIN-20200127020458-20200127050458-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988797307,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988797307014465}","num_words":497,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.181,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Aleke Gbegbee Mawu Ƒe Nya Sẽa Ŋui Enye Si!\"\n\"MAWU ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.\" (Hebritɔwo 4:12) Le kpeɖoɖo ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu dzi me la, 2003 Calendar of Jehovah's Witnesses (Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2003 Ɣletigbalẽ) ƒo nu tso ame ade ƒe agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔwo ŋu siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo. Le tanya si nye \"Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia\" te la, ɣletigbalẽa ɖe alesi Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiadɔa kpena ɖe amewo ŋu be woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, woaɖe asi le agbenɔnɔ si gblẽa nu le ame ŋu ŋu, ahado ŋusẽ woƒe ƒomegbenɔnɔ, eye woatu ƒomedodo ɖo kple Mawu la fia.\nMíexɔ ƒe 2003 ɣletigbalẽa ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ lɛta gbogbo aɖewo. Wo me nya aɖewoe nye si:\n\"Ɣletigbalẽ sia nye ɖaseɖiɖi na Kristotɔ vavãwo be ame aɖewo hã li siwo wòle na be woado vevie nu aʋli xɔse la ta abe woawo ke ene. Woate ŋu akpɔ fotoawo azɔ wòanye tɔtrɔ siwo ame aɖewo wɔ la ƒe ŋkuɖodzi.\"—Steven, United States.\n\"Medi vevie be maŋlɔ nya ʋɛ siawo atsɔ ana mianya alesi gbegbe ƒe 2003 ƒe ɣletigbalẽa wɔ dɔ ɖe dzinyee. Ɣletigbalẽ aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye alea gbegbe kpɔ o. Agbemeŋutinya mawo akpe ɖe nusiwo matsɔ ade nye gbeadzidekplo me la ŋu be matsɔ wo afia amewo be woakpɔ ŋusẽ si Biblia ate ŋu akpɔ ɖe amewo dzi la ƒe kpeɖodzi gbagbe wɔdɔɖeamedziwo.\"—Marc, Belgium.\n\"Ɣletigbalẽa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Menɔ ƒoƒom ɖe eŋu be maxlẽe ne makpɔ alesi Yehowa trɔ amesiawoe. Ewɔe be ŋusẽ ɖo ŋunye be mayi edzi anɔ tɔtrɔwo wɔm le nye ŋutɔ nye agbe me. Mesenɛ le ɖokuinye me azɔ be menye míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe akpa aɖe.\"—Mary, United States.\n\"Gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me amehawo nɔ la ʋã Yesu ale gbegbe. Akpe na mí le alesi míesrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua eye míeta agbemeŋutinya siwo le míaƒe ƒe 2003 ɣletigbalẽa me ta. Ɣletigbalẽ aɖeke mena aɖatsi ge le mo nam le nye agbe me abe esia ene kpɔ o.\"—Cassandra, United States.\n\"Esi mexɔ ƒe 11 la, mete atamanono; emegbe meva zã atikevɔ̃ɖiwo. Mebua nye agbe ɖeɖe ɖa ŋu zi geɖe. Esi meva dze si Yehowa la, wokpe ɖe ŋunye meɖe asi le numame mawo ŋu. Ɣletigbalẽ sia le vevie nam ŋutɔ. Nɔvinye ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe kpɔɖeŋu siwo tso xexeame godoo la do ŋusẽm. Fifia menyae be menye nye ɖeɖekoe le aʋa sia wɔm o eye be nusi le vevie wue nye lɔlɔ̃ na Yehowa ahatsɔ subɔsubɔ si tso dzi blibo me la anɛ.\"—Margaret, Poland.\n\"Oo, aleke gbegbee Mawu ƒe Nya sẽa ŋui enye si! Esi mexɔ ƒe 2003 ƒe ɣletigbalẽa la, melé ɖokuinye be magafa avi o. Nuteƒekpɔkpɔ siawo, tsɔ kpe ɖe fotoawo ŋu, doa ŋusẽ ame ƒe xɔse ŋutɔ.\"—Darlene, United States.\n\"Amesiawo dometɔ aɖewo ƒe agbe siwo wonɔ tsã la sɔ tututu kple agbe si menɔ tsã. Yehowa do ŋusẽm be meɖe asi le nu gbegblẽ siwo dze abe wo dzi manya ɖu o ene la ŋu. Meda akpe na mi ŋutɔ ɖe agbemeŋutinya vavã siawo ta.\"—William, United States.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031115\/Aleke-Gbegbee-Mawu-%C6%91e-Nya-S%E1%BA%BDa-%C5%8Aui-Enye-Si\/","date":"2020-01-21T18:31:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604849.31\/warc\/CC-MAIN-20200121162615-20200121191615-00546.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989637136,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989637136459351}","num_words":498,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 3 2019 | Agbea Katã Koe Nye Esia?\nAmewo biaa nya sia zi geɖe, gake ale si nàɖo nya sia ŋui ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe wò agbe dzi.\nMíelɔ̃ alo míegbe o, míate ŋu asi le tsitsi kple ku nu gbeɖe o. Agbea katã koe nye esia?\nNugbagbeŋutinunyalawo kple ame siwo srɔ̃ nu tso ale si nu gbagbewo wɔna ɖia wo nɔewo ŋu la le etem kpɔ be yewoadi nu si gbɔ wòtsona be ame tsina kua tɔgbui alo mama. Gake ɖe wokpɔ ta nɛa?\nMía dometɔ kae madi be yeanɔ agbe didi ahanɔ dzidzɔ kpɔm o?\nMenye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo naku o. Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo wode blibo le susu kple ŋutilã me; anye ne woanɔ agbe egbea hafi.\nMawu wɔ tafe ƒe ɖoɖo aɖe si me lɔlɔ̃ le be yeato edzi aɖe amegbetɔwo tso futɔ si nye ku si me.\n\"Mɔ\" aɖe li si dzi wòle be nàzɔ ale be agbe si ƒomevi Mawu di be ame siwo lɔ̃ ye nanɔ la nasu asiwò.\nAleke Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzeme, ana wò srɔ̃ɖeɖea nali ke, eye nànɔ te ɖe dɔlényawo nu?\nBiblia ɖo nya sia ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2019-sep-oct\/","date":"2020-01-20T10:37:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250598217.23\/warc\/CC-MAIN-20200120081337-20200120105337-00048.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998708725,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987087249755859}","num_words":198,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tɔƒodede Le Galilea ƒua Dzi\nALEKEE agbenɔnɔ nɔna na Galilea Ƒua dzi tɔƒodela le ƒe alafa gbãtɔa me? Ŋuɖoɖoa na numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖi geɖewo ŋu, abe esi ŋu woƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me ene.\nLe nyateƒe me la, \"ƒu\" sia nye ta si menye dzetsi o, si ƒe didime nye kilometa 21 eye wòkeke kilometa 12. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema si tɔƒodelawo ɖea lã le ta sia si me tɔmelãwo bɔ ɖo taŋ la me. Anɔ eme kokoko be Yerusalem ƒe Tɔmelãgbo la nye afi si wodzraa tɔmelãwo le. (Nexemiya 3:3) Galilea Ƒu la mee woɖea tɔmelã siwo wodzrana le afi ma la dometɔ aɖewo le.\nDu aɖe si le Galilea Ƒua to, si woyɔna be Betsaida, si gɔmee anya nye \"Tɔƒodelawo Ƒe Aƒe\" la mee apostolo Petro tso. Du bubu si hã nɔ ta sia toe nye Magadan, alo Magdala, si me Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi le eƒe zɔzɔ le tsia dzi megbe. (Mateo 15:39) Le agbalẽŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, woate ŋu aɖe Hela ŋkɔ si le du sia si gɔme be \"Du Si Me Wotrɔa Asi Le Tɔmelãwo Ŋu Le.\" Exɔ ŋkɔ le tɔmelãwo ŋuti dɔwɔƒe siwo le afi ma la ta, eye wònye afi si wosiaa lã siwo woɖe le nutoa me la le hedea dze wo—alo dea wo dzetsi me le anyize aɖe me. Wodea tɔmelã siawo siwo ŋu wotrɔ asi le alea la tɔdziʋu heɖoa wo ɖe Israel dukɔa ƒe teƒe ɖe sia ɖe kloe kpakple dukɔ bubuwo gɔ̃ hã me.\nEya ta lãwo ɖeɖe, asitɔtrɔ le wo ŋu, kple wo dzadzra nye asitsadɔ gã aɖe le Galilea le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me. Ele bɔbɔe be ame nasusui be esia hea ga geɖe vanɛ na ame geɖewo le nutoa me. Gake mele nenema kokoko o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso lãɖeɖe ŋu be: \"Menye 'ɖokuisidɔ si hea ga vanɛ na ewɔla ŋutɔ koe wònye,' abe ale si ame siwo xlẽa Nubabla Yeyea egbea asusui ene o.\" Enye \"dɔ si le dziɖuɖua ƒe dzikpɔkpɔ te, si me ameŋkutawo kpɔa viɖe tso.\"\nHerodes Antipa ɖua Galilea dzi abe nutomedziɖula si Roma dziɖuɖua ɖo ene. Eya ta eyae kpɔ ŋusẽ ɖe mɔdodowo, melidzeƒewo, kple tomenukuƒewo, avewo, agblewo, lãɖeɖedɔ, kple nu bubuwo dzi. Herodes xɔa adzɔ geɖewo ɖe nu siawo ta. Míenya nu geɖe tso adzɔxɔɖoɖo siwo nɔ Galilea le ƒe alafa gbãtɔa me ŋu o. Gake edze abe adzɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo siwo ŋu dɔ Herodes wɔna la meto vovo boo tso Hela dziɖulawo tɔ alo esiwo ŋu dɔ Romatɔwo wɔna le woƒe ɣedzeƒenuto bubuawo me la gbɔ o ene. Viɖe siwo wokpɔna tso dɔ siwo hea ga vanɛ kple nutoa ƒe dzɔdzɔmenuwo zazã me la ƒe akpa gãtɔ anya yina ɖe ame ŋkutawo boŋ si me tsɔ wu ame tsɛ siwo wɔa dɔa ƒe akpa gãtɔ si me.\nAdzɔxexe Ƒe Agba La\nLe Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Galilea nyigba la ƒe teƒe nyuitɔwo nyea ame ŋkutawo tɔ, eye woma teƒe siawo ɖe nuto gãwo me, eye Herodes Antipa tsɔa wo naa eƒe dukɔa ƒe ame ŋkutawo kple ame vevi bubuwo. Herodes teviwo sie wodzɔa ga le tsɔ kpɔa agbe kɔkɔ si wònɔna, xɔ gã siwo wòtuna, eƒe dukplɔɖoɖo deŋgɔawo, kple gakpekpeɖeŋu siwo wònaa exɔlɔ̃wo kple dugãwo la katã ŋuti gazazãwo gbɔe. Wogblɔ tso adzɔ kple mɔtaho siwo woxɔna le ame tsɛwo si le dukɔa me ŋu be enye esi gbɔ eme.\nHerodes kee kpɔa ŋusẽ ɖe ta kple tɔsisi siwo le dukɔa me la ŋu dɔ wɔwɔ dzi. Eya ta eya ŋutɔ alo ame ��kuta siwo si me nuto vovovo siwo wòtsɔ na abe nunanawo ene le la ƒe ŋusẽ tee wowɔa tɔƒodededɔwo le. Le nuto siwo nɔ eƒe dzikpɔkpɔ te tẽe gome la, adzɔxɔlawo ƒe amegãwo—siwo si adzɔxɔxɔ ƒe gomenɔamesiwo suna to asi gã ƒoƒo ɖe gome sia ƒe amesisusu ŋu me—ƒe ŋku mee wòkpɔ be woaka ga na amewo hafi woaɖe mɔ na wo be woanɔ tɔƒo dem le afi ma. Ame aɖewo do susua ɖa be esi wònye Kapernaum—si nye tɔƒodeƒe vevi aɖe le Galilea Ƒua dzi—ye Mateo nye adzɔxɔla le ta la, anɔ eme be adzɔxɔlawo ƒe amegã mawoe wòwɔa dɔ na abe ame si \"xɔa adzɔ le ame siwo si tɔƒodede ƒe gomenɔamesi le\" le nutoa me la si ene. *\nKpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia D.M.Ŋ. me la ɖee fia be zi geɖe la, adzɔ siwo woxɔna le Palestina la nyea esiwo wotsɔa nunɔamesiwo xena ɖe ga teƒe. Eya ta tɔƒodela aɖewo tsɔa lã siwo woɖe la ƒe alafa memama 25 va ɖo 40 lɔƒo xea fee ɖe mɔ si woɖe na wo be woaɖe lã la ta. Blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be le nuto aɖewo siwo nɔ Romatɔwo ƒe ŋusẽ te me la, dukɔa ye kpɔa ŋusẽ ɖe tɔƒodededɔ si dzi amegã aɖewo kpɔna la dzi. Le Pisidia la, dzɔla aɖewo nɔa anyi siwo kpɔa egbɔ be ame siwo womeɖe mɔ na o la nagava ɖe lã le teƒea o, eye be tɔƒodela siwo woɖe mɔ na be woaɖe lã le afi ma la nadzra woƒe lãwo na lãƒledzrala siwo dukɔa ɖe mɔ na hexɔa adzɔ le wo si la ko.\nNumekukuwɔla aɖe gblɔ be ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nutoa dzi kple adzɔ siawo siwo woxɔna la wɔe be tɔƒodede ƒe \"viɖewo ƒe akpa gãtɔ va yia fia la alo ame siwo ƒe ŋkɔ me nutoawo le la si me, eye viɖe sue aɖe koe tɔƒodelaawo ŋutɔ kpɔna.\" Dɔ bubu wɔlawo hã xea adzɔ gã siawo tɔgbi, si wɔe be womekpɔa viɖe boo aɖeke tso woƒe dɔwɔnawo me o. Adzɔxexe menye nu si doa dzidzɔ na exelawo gbeɖe o. Gake ɖikeke mele eme o be ale si adzɔxɔlawo zu kesinɔtɔwo to woƒe anukwaremaɖimaɖi kple ŋukeklẽ si dzi wotona tafaa ame tsɛwo le adzɔxenyawo me dzi la tae amewo léa fu wo kaɖikaɖi abe ale si wòdze le Nya Nyui Gbalẽawo me ene.—Luka 3:13; 19:2, 8.\nTɔƒodela Siwo Ŋu Woƒo Nu Tso Le Nya Nyui Gbalẽawo Me\nNya Nyui Gbalẽawo ɖee fia be dɔwɔhatiwo nɔ Simon Petro si le eƒe tɔƒodededɔa me. Ame siwo va kpe ɖe Petro ŋu wohe lã gbogbo siwo woɖe nukutɔe la nye \"wo tɔ siwo nɔ tɔdziʋu kemɛa me.\" (Luka 5:3-7) Agbalẽnyalawo ɖe nu me be \"tɔƒodela vovovowo ate ŋu awɔ ɖeka axɔ tɔƒodede ŋuti gomenɔamesi la abe 'dɔwɔhatiwo' . . . ene.\" Anɔ eme be aleae Petro kple Andrea, kple Zebedeo viwo, kpakple woƒe dɔwɔhatiwo wɔ ɖeka xɔ tɔƒodede ƒe gomenɔamesi lae.\nŊɔŋlɔawo megblɔe tẽe nenye Galilea tɔƒodela siawo ŋutɔ tɔe tɔdziʋuawo kple dɔwɔnu siwo wozãna la nye o. Ame aɖewo xɔe se be anye woawo ŋutɔwo tɔe. Le nyateƒe me la, wogblɔ tso Yesu ŋu be eɖo tɔdziʋu aɖe \"si nye Simon tɔ.\" (Luka 5:3) Ke hã, nyati aɖe si dzro nya sia me koŋ la gblɔ be, \"ate ŋu anɔ eme be adzɔxɔlawo ƒe amegãwo tɔe tɔdziʋuawo nye eye woawoe tsɔe na tɔƒodelaawo be woazã.\" Aleke kee wòɖale o, Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yakobo kple Yohanes ŋu be wonɔ woƒe ɖɔwo sam. Anɔ eme be tɔƒodelawo ŋutɔ hã ƒoa asi ɖe ale si woadzra woƒe lãwo ŋu, eye ne ehiã la, woxɔa apadɔwɔlawo.\nEya ta ƒe alafa gbãtɔ me Galilea tɔƒodelawo ƒe dɔa lɔ nu geɖe ɖe eme wu ale si míabui. Menye ɖokuisidɔ aɖe koe woƒe tɔƒodededɔa nye o, ke boŋ elɔ ame vovovo siwo wòɖea vi na la hã ɖe eme. Esia nyanya naa gɔmesese deto sua mía si ku ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖiwo kple nya siwo Yesu gblɔ tso tɔƒodelawo kple tɔƒodede ŋu la ŋuti. Gawu la, numekɔkɔ siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe xɔse si gbegbe Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes woɖe fia la ŋu. Tɔƒodede nue wonɔa agbe ɖo. Aleke kee woƒe ganyawo ɖanɔ esime Yesu yɔ wo o, wolɔ̃ faa ɖe asi le woƒe lãɖeɖedɔa, si nye dɔwɔɖui si me wokpɔa ga tso la ŋu heva zu \"ameɖelawo.\"—Mateo 4:19.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Anyigbatata si le axa 25]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nHula-ta\nBethsaida\nKapernaum\nMagadan\nGalilea-ƒu\nYerusalem\nƑukukua\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nTodd Bolen\/Bible Places.com\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]\nTodd Bolen\/Bible Places.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091001\/T%C9%94%C6%92odede-Le-Galilea-%C6%92ua-Dzi\/","date":"2020-02-21T13:48:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145529.37\/warc\/CC-MAIN-20200221111140-20200221141140-00346.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989733696,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989733695983887}","num_words":1332,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.27,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNe míagblɔe kpuie la, Harmagedon ʋa lae nye aʋa si Yesu Kristo, si nye Fia si Yehowa ŋutɔ ɖo la, awɔ le etsɔme atsɔ atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo ɖa le anyigba bliboa dzi. Biblia ɖe eme be futɔ siawoe nye 'xexeame katã ƒe fia' siwo nu \"gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ\" le ƒu ƒom \"hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la, . . . ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.\"—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.\nMenye teƒe ŋutɔŋutɔe afi si woƒo dukɔwo nu ƒu ɖo la nye o. Nya Harmagedon, gɔmee nye Megido-to. (Nyaɖeɖefia 16:16) To aɖeke menɔ anyi kpɔ si woyɔ ŋkɔ ma na o. Gakpe ɖe eŋu la, \"anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo\" katã mate ŋu aƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe teƒe ɖeka o. (Nyaɖeɖefia 19:19) Ke boŋ \"teƒe\" la fia nɔnɔme aɖe si me dunyahedziɖulawo kple woƒe akpadzinɔlawo ava nɔ—anye nɔnɔme si afia be wotsi tre ɖe Yehowa kple \"aʋakɔ, siwo le dziƒo,\" siwo le \"Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ,\" Yesu Kristo, ƒe kpɔkplɔ te la ŋu.—Nyaɖeɖefia 19:14, 16.\nEdze ƒã be nya Harmagedon do ƒome kple blema Israel du, Megido. Teƒe si du sia nɔ, si nye Karmel to la ƒe ɣedzeƒe gome la, sɔ nyuie na aʋawɔwɔ kple asitsatsa, elabena mɔ siwo to Megido la nye esiwo asrafowo kple asitsalawo zãna wu le ɣeyiɣi mawo me. Enye teƒe aɖe si hã wowɔa aʋa vevi siwo me aʋakɔ ɖeka ɖua dzi le godoo la le. Le kpɔɖeŋu me, 'Megido-tɔsisi la nue' Israel ʋɔnudrɔ̃la Barak ɖu Kanaanitɔwo ƒe aʋakɔ si Aʋafiagã Sisera nɔ ŋgɔ na la dzi le. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12-24; 5:19, 20) Nuto ma ke mee Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ɖu Midiantɔwo dzi le. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:1-22) Esi Biblia yɔ Megido tɔ ɖe aʋa si le ŋgɔ gbɔna ŋu la, ele kakaɖedzi nam mí be Mawu ato Via dzi aɖu aʋakɔ siwo katã tsi tre ɖe eŋu la dzi keŋkeŋ.\nNu kae anye emetsonua? Harmagedon ʋa la aɖe nu fitifiti wɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le anyigba dzi. Esia ana ɣeyiɣi si anye nyuitɔ kekeake le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me la adze egɔme. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Le Mawufiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le te la, woatrɔ anyigba la katã wòazu paradiso, afi si ame dzɔdzɔewo anɔ tegbee.—Psalmo 37:29.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070201\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-02-16T23:28:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875141430.58\/warc\/CC-MAIN-20200216211424-20200217001424-00136.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988508821,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988508820533752}","num_words":363,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.295,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KUXIA\nWò kple srɔ̃wò mieʋli nya aɖe vɔ koe nye ema. Ègblɔ na ɖokuiwò be, 'mehiã be maɖe kuku o, menye gbɔnyee agɔdzedzea tso o!'\nMieɖe asi le nyaa ŋu gake dziku gakpɔtɔ li. Èkpɔe be ele be yeaɖe kuku na ye srɔ̃, gake ele sesẽm na wò be nàbɔbɔ ɖokuiwò ahagblɔ nya bɔbɔe mawo be, \"Tɔnye medzɔ o.\"\nNU SI GBƆ WÒTSONA\nDada. Charles * si nye srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ ɖe edzi be, \"ɣeaɖewoɣi la esesẽna nam be magblɔ be tɔnye medzɔ o, elabena mesena le ɖokuinye me be bubu si le ŋunye la aɖiɖi.\" Dada ate ŋu ana ŋu nakpe ame ne elɔ̃ ɖe edzi be vodada aɖewo tso ye gbɔ.\nSusu si le amewo si. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be ne ye gbɔe vodadaa tso la ke kukuɖeɖe asɔ. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jill gblɔ be: \"Ne menya be gbɔnyee vodadaa katã tso la, enɔa bɔbɔe nam be magblɔ be 'tɔnye medzɔ o.' Gake ne vodadaa tso mi ame evea gbɔ la, esesẽna nam be maɖe kuku. Nu ka ta wòle be nyee aɖe kuku evɔ wònye mi ame evea siaae wɔ nu si mesɔ o?\"\nÀte ŋu ase le ɖokuiwò me hã be esɔ be yeagbe kukuɖeɖe, elabena èkpɔe be srɔ̃wò gbɔe vodadaa katã tso. Joseph si nye srɔ̃ŋutsu gblɔ be: \"Ne èka ɖe edzi vevie be menye ye gbɔe vodadaa tso o la, agbe kukuɖeɖe atsɔ aɖee afia be ye tɔ dzɔ.\"\nAle si wohe míi. Ðewohĩ wohe wò le aƒe si me mebɔ be ame naɖe kuku ne edze agɔ o la me. Ne nenemae la, ke mèsrɔ̃ ale si wolɔ̃na ɖe ame ƒe vodadawo dzi o. Esi mèsrɔ̃e le ɖevime o ta la, esi nèva tsi la, kukuɖeɖe tso dzi me va zu nu sesẽ na wò.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nWò susu nènɔ srɔ̃wòa ŋu. Dze agbagba nàɖo ŋku ɣeyiɣi si me ame aɖe ɖe kuku na wò kple ale si esia na wò dzi dze emee la dzi. Nu ka ta màna srɔ̃wò hã ƒe dzi nadze eme nenema o? Ne èse le ɖokuiwò me be yemedze agɔ kura gɔ̃ hã o la, àte ŋu aɖe kuku ɖe veve si srɔ̃wòa se alo ɖe wò nuwɔna si menye ɖe nèɖoe hafi o la ta. Ne èɖe kuku alea la ana srɔ̃wò ƒe dzi nafa.—Biblia ƒe mɔfiame: Luka 6:31.\nWò srɔ̃ɖeɖea nenɔ vevie na wò. Mègabu kukuɖeɖe be enye ye dzi ɖuɖu ƒe dzesi o, ke boŋ enye nu si ana wò srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Lododowo 18:19 gblɔ be, ame si dzi wodze agɔ le eye wòdo dziku la, \"tri akɔ wu du sesẽ.\" Manɔ bɔbɔe alo anya wɔ be nàwɔ ŋutifafa le nɔnɔme sia me o. Gake ne èɖe kuku la, awɔe be nɔnɔmea mado gã ɖe edzi o. Ne èwɔe alea la, èle eɖem fia be yeƒe srɔ̃ɖeɖea le vevie na ye.—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 2:3.\nNye ame si ɖea kuku kaba. Enye nyateƒe be kukuɖeɖe manɔ bɔbɔe ne menye gbɔwòe vodada katã tso o. Gake masɔ be nàtsɔ srɔ̃wò ƒe vodada aɖe ɖokuiwò nu ale be wò hã nàwɔ nu si mesɔ o. Eya ta mègahe kukuɖeɖe ɖe megbe ahanɔ susum be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko la ye srɔ̃a aŋlɔ vodadaa be o. Kukuɖeɖe ana wòate ŋu anɔ bɔbɔe na srɔ̃wò hã be wòaɖe kuku ne eda vo ɖe ŋuwò. Ne èɖea kuku ɖe wò vodadawo ta la, ava nɔ bɔbɔe na wò.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 5:25.\nÐee fia be etso yeƒe dzi me. Ame ɖokui nu ɖeɖe mefia be ame le kuku ɖem o. Eye ɖewohĩ gbɔgblɔ ko be, \"Tɔnye medzɔ o, nyemenya be nu sue ma hã ave wò o,\" la menye kukuɖeɖe kura o! Ne èsusu be nu si yewɔ menye nane si ana ame nase veve o gɔ̃ hã la, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi eye lɔ̃ ɖe edzi hã be yewɔ nu si ve ye srɔ̃.\nLɔ̃ ɖe nya sia dzi. Lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yeawɔ vodada godoo. Elabena ame sia ame wɔa vodada. Ne èsusui be yemeda vo le nɔnɔme aɖe me o hã la, menye ale si wò ya nèle esusum ye afia kokoko be tɔwò dzɔ o. Biblia gblɔ be: \"Ame gbãtɔ si va gblɔ eƒe nya la dzena ame dzɔdzɔe, va se ɖe esime ame evelia va bia gbee.\" (Lododowo 18:17) Ne èlɔ̃ ɖe edzi be yeate ŋu awɔ vodada la, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖe kuku ne èwɔ nu si mesɔ o.\n^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201509\/ale-si-n%C3%A0%C9%96e-kuku-sr%C9%94%CC%83%C9%96e%C9%96e\/","date":"2020-06-02T12:51:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347424174.72\/warc\/CC-MAIN-20200602100039-20200602130039-00371.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986333847,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986333847045898}","num_words":742,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NUKAE dzɔdzɔm le afisia? Ameawo ɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe. Babilon-fia la yɔ amedzro vevi akpe ɖeka va nuɖuƒee. Wole sikakplu kple agba, siwo wotsɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la zãm. Gake kasia, ame ƒe asibidewo koe dze le ya me hete nuŋɔŋlɔ ɖe glia ŋu. Amesiame vɔ̃ ŋutɔ!\nNebukadnezar ƒe tɔgbuiyɔvi Belsazar ye nye fia fifia. Edo ɣli be woakplɔ yeƒe nunyalawo vɛ. Fia la gblɔ be: 'Amesi te ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòɖe egɔme nam la, woana nu geɖee; eye wòanye dziɖula vevitɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.' Gake nunyalawo dometɔ aɖeke mete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ si le glia ŋu alo ɖe egɔme o.\nFia la dada se ɣli la, eye wòva nuɖuxɔ gã la me. Egblɔ na fia la be: 'Taflatse mègavɔ̃ o. Ame aɖe le wò fiaɖuƒea me, si nya mawu kɔkɔeawo. Esi tɔgbuiwò Nebukadnezar nye fia la, eɖoe amegãe ɖe eƒe nunyalawo katã nu. Eŋkɔe nye Daniel. Na woayɔe vɛ, eye aɖe nusiawo katã gɔme na wò.'\nEnumake wokplɔ Daniel vɛ. Esi Daniel gbe be yemaxɔ nunana aɖeke o megbe la, edze egɔme gblɔ nusita Yehowa ɖe Belsazar tɔgbui Nebukadnezar ɖa be maganye fia o la. Daniel gblɔ be: 'Dadalae wònye, eyata Yehowa he to nɛ.'\nDaniel gblɔ na Belsazar be: 'Gake wò la, ènya nusiwo katã dzɔ ɖe edzi; gake nègale dadam abe Nebukadnezar ene. Èlɔ kpluwo kple agbawo tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me heno nu le wo me. Èkafu ati kple kpe ƒe mawuwo, eye mède bubu mía Wɔla Gã la ŋu o. Ema tae Mawu dɔ asi la ɖa be wòaŋlɔ nya siawo.'\nDaniel gblɔ be: 'Nusi woŋlɔ lae nye esi: \"MENE, MENE, TEKEL, UFARSIN.\"'\n'MENE gɔmee nye, Mawu xlẽ wò fiaɖuƒe ƒe ŋkekewo, eye wòhee va nuwuwui. TEKEL gɔmee nye, woda wò le nudanu me, eye nèle hodzoe. UFARSIN gɔmee nye, wotsɔ wò fiaɖuƒe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.'\nEsime Daniel nɔ nu ƒom la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ho ɖe Babilon ŋu gɔ̃ hã xoxo. Woxɔ du la hewu Belsazar. Asinuŋɔŋlɔ si le glia ŋu la va eme le zã ma ke me! Gake nukae dzɔdzɔ ge ɖe Israel-viwo dzi azɔ? Míele ekpɔ ge fifia; gake gbã la, na míakpɔ nusi dzɔ ɖe Daniel dzi la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/asinu%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94-le-gli-%C5%8Bu\/","date":"2020-05-31T04:06:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410745.37\/warc\/CC-MAIN-20200531023023-20200531053023-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990911484,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990911483764648}","num_words":369,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe blemaduwo nɔƒe ŋuti numekukuwo wɔ ɖeka kple Biblia me nyawoa?\nNyati aɖe si wota ɖe Biblia Me Duwo Nɔƒe Kulawo Ƒe Nyatakakagbalẽ (si le Eŋlisigbe me) me la gblɔ be, fifia la, woate ŋu atsɔ nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la aɖo kpe edzi be ame siwo ŋkɔwo woyɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ \"50 ya teti\" nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Ame siawo dometɔ 14 nye Yuda kple Israel fiawo; esiwo ƒe ŋkɔ nyɔ, abe David kple Xizkiya ene, kple esiwo ame geɖe menya o, abe Menaxem kple Pekax ene. Farao 5, kple Asiria, Babilon, Moab, Persia, kpakple Aram fia 19 hã le ame siwo ƒe anyinɔnɔ dzi woate ŋu aɖo kpee la dome. Gake menye fiagãwo ƒe anyinɔnɔ dzi koe Biblia kple blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe numekukuwo ɖo kpee o. Ke woɖo kpe ame tsɛwo, abe nunɔlagãwo, agbalẽfiala aɖe, kple dumegã bubuwo ene, hã ƒe anyinɔnɔ dzi.\nNyatia gblɔ be, \"agbalẽnyala gbogbo aɖewo lɔ̃ ɖe edzi\" be kpeɖodzi sẽŋuwo li be ame mawo nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã yɔ ame bubu geɖe siwo nɔ anyi le blema ƒe ŋkɔwo, eye nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la li woatsɔ aɖo kpe edzi be ame siwo nye Herodes, Pontio Pilato, Tiberio, Kayafa, kple Sergio Paulo hã nɔ anyi kpɔ.\nƔekaɣie dzatawo nu yi le anyigba siwo dzi woŋlɔ Biblia le dzi?\nTogbɔ be dzata ɖeka pɛ hã megale Anyigba Kɔkɔea dzi woakpɔ egbea o hã la, woƒo nu tso lã sia ŋu le Ŋɔŋlɔawo me zi 150 sɔŋ, si ɖee fia be Biblia-ŋlɔlawo nya nu tso dzata ŋu nyuie. Woƒo nu tso eŋu le teƒe mawo dometɔ akpa gãtɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me; ke hã, ame aɖewo do go dzatawo ŋkume kple ŋkume. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Simson, David, kple Benaya wowu dzatawo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:5, 6; 1 Samuel 17:34, 35; 2 Samuel 23:20) Gake dzatawo wu ame bubuwo.—1 Fiawo 13:24; 2 Fiawo 17:25.\nLe blema la, afi siwo wokpɔa dzata (Panthera leo persica) le le Asianyigba dzi ye nye tso Asia Sue va ɖo Palestina nutowo me, Siria, Mesopotamia, kple India ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Vɔvɔ̃ kple bubu nɔ lã sia ŋu, eye wokpɔa eƒe nɔnɔmetatawo le Ɣedzeƒetɔwo ƒe nutatawo me zi geɖe. Wotsɔ kpe zɔzrɔ̃ewo ɖe dzata ƒe nɔnɔme dzeaniwo ɖe gli ŋu le blema Babilon ƒe Gbɔlɔmɔ Gã la dzi.\nWogblɔ be atitsogaʋawɔlawo da ade dzatawo le Palestina le ƒe alafa 12 lia ƒe nuwuwu lɔƒo. Eya ta edze abe ƒe 1300 megbe kpui ye dzatawo nu yi ene. Ke hã, woka nya ta be dzatawo kpɔtɔ nɔ Mesopotamia kple Siria kaka va de asi na ƒe alafa 19 lia me, eye wokpɔtɔ nɔ Iran kple Iraq kaka va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe domedome.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150501\/biblia-me-duwo-n%C9%94%C6%92e-kulawo\/","date":"2020-06-01T06:42:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347414057.54\/warc\/CC-MAIN-20200601040052-20200601070052-00515.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987333417,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987333416938782}","num_words":440,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2005 Nukatae Ðekawɔwɔ Mele Xexeame O? Afikae Xexeame Ðo Tae? Anukwareɖilawo He Kafukafu vɛ na Yehowa Yehowa Kpɔa Amesiwo Ðoa Ŋu Ðe Eŋu La Ta Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi Ne Srɔ̃ɖeɖe me Masɔmasɔwo Do Mo Ða \"Agbe, Si Li Fifi\"—Eɖuɖu Bliboe! Ðeɖi Megate Ŋuwò le Nu Nyui Wɔwɔ me O Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050601\/","date":"2020-05-28T18:36:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347399830.24\/warc\/CC-MAIN-20200528170840-20200528200840-00277.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980461001,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980461001396179}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.134,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nɔnɔme aɖe si Le Amegbetɔwo Ko Si\nJodie ɖo dɔwɔƒe aɖe, si léa ŋku ɖe ame kukuwo ƒe nunɔamesiwo ŋu kp��na be ho nenie woadzra woe hã. Enɔ kpekpem ɖe nyɔnu aɖe ŋu be wòanya ho si edaa, si ku, ƒe nunɔamesi siwo wògblẽ ɖi la axɔ. Esi wònɔ mlekpui xoxo aɖe ŋu kam la, eke ɖe aɖaka xoxo aɖewo ŋu. Esi wòkpɔ ɖeka me la, ɖeko eƒe lãme fa. Nubablɛ aɖe si me United States ƒe gagbalẽ, dɔlar 100 tɔ, babla gbogbo aɖewo nɔ—si ƒe homee nye dɔlar 82,000 sɔŋ—ŋue wòke ɖo le eme! Jodie ɖeka koe nɔ xɔa me. Nuka wɔgee wòala? Ðe wòaɣla aɖaka la dzaa loo alo ɖe wòagblɔ ga si wòfɔ la ŋu nya na nyɔnua?\nJODIE ƒe tokotokoe me tsitsi sia ɖe nɔnɔme aɖe si na míeto vovo tso gbemelãwo gbɔ la fia. The World Book Encyclopedia gblɔ be: \"Amegbetɔwo ƒe nɔnɔme tɔxɛwo dometɔ ɖekae nye be wòabia nya veviwo ku ɖe nusi wòle be míawɔ kple esi mele be míawɔ o ŋu.\" Asesẽ ŋutɔ be avu dɔwuitɔ aɖe si kpɔ lã le kplɔ̃ aɖe si woɖo nyuie dzi nabu eŋu kpɔ be asɔ be yeatsɔ ɖe aɖu mahã. Gake ŋutete le Jodie ya si be wòada eƒe nyametsotsoa ƒe nyonyome akpɔ. Ne eɣla gaa la, ke efi fi, gake ɖewohĩ womalé o. Gaa menye etɔ o; eye amesi de dɔa asi nɛ hã menya nu tso gaa ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, ame akpa gãtɔ siwo le Jodie ƒe nutoa me abui bometsilae ne etsɔ gaa na amesi wònɔ dɔa wɔm na.\nNenye wòe ɖo Jodie ƒe nɔnɔme sia me la, nukae nàwɔ? Alesi nàɖo biabia sia ŋui la anɔ te ɖe agbenɔnɔ ŋuti se si nu nètia be yeanɔ agbe ɖo la dzi.\nNukae Agbenɔnɔ Ŋuti Sewo Nye?\nWoɖe \"agbenɔnɔ ŋuti sewo\" gɔme be \"ŋkuléle ɖe nya siwo wobiana tsoa nusi wobe enyo alo gblẽ le agbenɔnɔ gome ŋu.\" (Collins Cobuild English Dictionary) Agbalẽŋlɔla Eric J. Easton gblɔ be: \"Gɔmesese ɖeka koŋue le 'agbenɔnɔ ŋuti sewo' kple 'agbenyuinɔnɔ' ŋu. Hela kple Latin gbe me nyawo mee woɖe wo gɔme tsoe, eye nya evea siaa ku ɖe ŋusẽ si dekɔnu kple kɔnyinyi kpɔna ɖe alesi amewo nɔa agbee dzi ŋu.\"\nƔeyiɣi didi aɖe enye sia la, subɔsubɔhae ɖoa dzidzenu siwo nu amewo nɔa agbe ɖo la na wo. Mawu ƒe Nya, Biblia, kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔƒomea me tɔ geɖe dzi. Gake, le xexeame godoo la, ame gbogbo aɖewo va le asi ɖem le subɔsubɔhawo ƒe dzidzenu vovovoawo ŋu be womewɔa dɔ o eye be Biblia ƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo zu tsigãdzinu. Nukae va xɔ ɖe eteƒe? Agbalẽ si nye Ethics in Business Life gblɔ be \"xexemenunya va . . . kpe alesi subɔsubɔha kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi va yi la dzi.\" Ame geɖe dia mɔfiame tsoa agbenɔnɔ ŋuti senyalagãwo gbɔ tsɔ wu be woayi ɖe subɔsubɔhawo gbɔ. Agbenɔnɔ ŋuti sefialagã Paul McNeill gblɔ be: \"Ewɔ nam be agbenɔnɔ ŋuti nunyalawoe nye nunɔlawo na xexemenunya. . . . Fifia la, amewo va le agbe nɔm ɖe xexemegɔɖosewo nu wu, ke menye ɖe mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo nu abe alesi wònɔ tsã ene o.\"\nAleke nèwɔa nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso sesẽ siwo dzea ŋgɔ wòe? Mawu ƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo nue nènɔa agbe ɖo loo alo wò ŋutɔ tɔwò woea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041201\/N%C9%94n%C9%94me-a%C9%96e-si-Le-Amegbet%C9%94wo-Ko-Si\/","date":"2020-08-11T11:04:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00088.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998942554,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989425539970398}","num_words":539,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒe agbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ tsɔ nya siwo gɔme sese le bɔbɔe la ɖe ale si xexea wɔ va dzɔ la me kpuie ale: \"Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.\" (1 Mose 1:1) Esi Mawu wɔ nu miemiewo kple lãwo vɔ la, ewɔ ame gbãtɔ siwo ŋkɔe nye Adam kple Xawa. Woto vovo na lãwo, elabena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe kpakple nɔnɔme bubu siwo le Mawu si la le amegbetɔwo hã si va se ɖe afi aɖe. Eya ta woate ŋu abia akɔnta tso wo si ɖe woƒe nuwɔnawo ta. Ne wowɔ nu si Mawu bia tso wo si la, ke woakpɔ gome le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me ahanye amegbetɔƒome deblibo si anɔ agbe le ŋutifafa me le anyigba dzi tegbee la dzilawo.\nKe hã esi mawudɔlawo dometɔ ɖeka kpɔ esia eye wòdi eya ŋutɔ ɖokui tɔ la, edze agbagba ble amegbetɔwo be yeana yeƒe didia nava eme. Esia na woyɔe be Satana, si gɔmee nye \"Tsitretsiɖeŋula.\" Satana ƒo nu na Xawa to da aɖe dzi hegblɔ nɛ be eme anyo nɛ wu ne eɖe kɔ ɖa le Mawu ƒe mɔfiame ŋu hewɔ nu si eya ŋutɔ di. Adam kple Xawa dze Satana yome, eye esia wɔe be woa kple wo Wɔla dome gblẽ. Le tiatia gbegblẽ si mía dzila gbãtɔawo wɔ ta la, wobu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa eye mí katã míenyi nu vɔ̃ kple blibomademade kpakple ku, si nu míate ŋu asi le o la ƒe dome tso wo gbɔ.\nEnumake Mawu ɖe tame si wòɖo be yeaɖɔ nɔnɔme wɔnublanui sia ɖo kple nu si yeawɔ be Adam ƒe dzidzimeviwo nakpɔ agbe mavɔ la gblɔ. Mawu gblɔ nya ɖi be 'dzidzimevi' aɖe, si nye ame tɔxɛ aɖe la, ava tsrɔ̃ Satana ɖa mlɔeba eye wòana gbɔdzɔe mí tso fukpekpe siwo katã Satana, Adam kple Xawa ƒe nuwɔna he va mía dzi la me. (1 Mose 3:15) Ame kae ava nye 'dzidzimevi' ma? Woava nya ame si wònye la le ɣeyiɣi geɖe megbe.\nGake Satana gakpɔtɔ nɔ adeklo dzi be yeagblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo nyui la me. Esia wɔe be nu vɔ̃ wɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye dzi ɖe edzi kabakaba. Eya ta Mawu tso nya me be yeana tsi naɖe ame vɔ̃ɖiwo woatsrɔ̃. Egblɔ na Noa, si nye ame dzɔdzɔe la be wòakpa aɖakaʋu gã nyadri aɖe si me woa kple eƒe ƒomea kpakple lã siwo wògblɔ nɛ be wòakplɔ ayi aɖakaʋua me la atsi agbe le.\nƑe ɖeka le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Noa kple eƒe ƒomea wodo go tso aɖakaʋua me va nɔ anyigba si ŋu wokɔ la dzi. Gake 'dzidzimevia' ƒe vavaɣi meɖo ɣemaɣi o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131001\/aleke-m%C3%ADew%C9%94-va-dz%C9%94\/","date":"2020-08-04T03:47:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735851.15\/warc\/CC-MAIN-20200804014340-20200804044340-00432.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987470508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987470507621765}","num_words":431,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woyɔa Psalmo 120 va se ɖe 134 be Todzimɔ dzi Hadzi- dziwo. Ame geɖe xɔe se be Israel-vi tadeagula siwo nɔa dzidzɔ kpɔm ne woyina Yerusalem, si nɔ Yuda towo dzi ɖaa ke, be yewoayi azã siwo woɖuna ƒe sia ƒe la ɖuƒe ye dzi ha siawo.\nWotsɔ kpɔɖeŋunya siwo gbɔna ɖɔ ale si Yehowa kpɔa mía tae:\nalẽkplɔla si le ŋudzɔ\nvɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu\naʋawɔla nuteƒewɔla","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept12-18\/kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-tso-yehowa-gb%C9%94\/","date":"2020-08-12T05:05:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738864.9\/warc\/CC-MAIN-20200812024530-20200812054530-00580.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999575913,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995759129524231}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo xɔe se be se kple mɔfiame siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòawɔ nyametsotso nyui siwo adze Mawu ŋu, eye woaɖe vi na amea hã. (Yesaya 48:17, 18) Menye míawoe de se siawo o, gake míenɔa agbe ɖe wo nu. Na míakpɔ se siawo dometɔ aɖewo siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu ɖa. *\nSrɔ̃ɖeɖe nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu si nɔa anyi ɖaa. (Mateo 19:6) Esi Yehowa Ðasefowo nyae be gbeɖoɖoɖi kplɔa ame yia srɔ̃ɖeɖe me ta la, wometsɔnɛ nu tsɛ o.\nAme siwo tsi ate ŋu aɖe srɔ̃ koe kpɔ mɔ aɖo gbe ɖi. Ele be woanye ame siwo 'to sɔhɛnyenye,' si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna ɖe ame me la, me do.— 1 Korintotɔwo 7:36.\nEle be ame siwo le gbe ɖom ɖi nanye ame siwo ŋuti vo woaɖe srɔ̃. Mawu mebua ame siwo gbe wo nɔewo le setɔwo gbɔ la dometɔ aɖewo be wo ŋuti vo woaɖe ame bubu o, elabe eƒe sededee nye be ahasiwɔwɔ ko tae ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖo.—Mateo 19:9.\nWode se na Kristotɔ siwo di be yewoaɖe srɔ̃ la be woaɖe ame si nye haxɔsetɔ ko. (1 Korintotɔwo 7:39) Yehowa Ðasefowo bua sedede sia be eku ɖe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ siwo ƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu henɔa agbe ɖe wo nu la ŋu, ke menye ame siwo dea bubu míaƒe dzixɔsewo ŋu dzro ko o. (2 Korintotɔwo 6:14) Tso gbe aɖe gbe kee Mawu de se na esubɔlawo be woaɖe woƒe haxɔsetɔwo ko. (1 Mose 24:3; Malaki 2:11) Sedede sia ɖea vi, eye numekulawo hã va de dzesii nenema. *\nEle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo. (Lododowo 1:8; Kolosetɔwo 3:20) Le ɖevi siwo kpɔtɔ le wo dzilawo gbɔ le aƒe me gome la, ele be woawɔ ɖe se siwo wo dzilawo de ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu hã dzi. Sedede siawo ƒe ɖewo ate ŋu aku ɖe ƒe siwo wo viwo axɔ hafi adze gbeɖoɖoɖi gɔme kple nuwɔna siwo ŋu woaɖe mɔ ɖo la ŋu.\nLe Ŋɔŋlɔawo nu la, Ðasefo ɖe sia ɖe kpɔ mɔ atiae be yeaɖo gbe ɖi loo alo yemaɖo gbe ɖi o, eye eya ŋutɔ kpɔ mɔ atia ame si wòaɖo gbe ɖi kple hã. Esia wɔ ɖeka kple mɔfiame si nye be: \"Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.\" (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã, Ðasefo siwo di be yewoaɖo gbe ɖi la dometɔ geɖe wɔa nu le nunya me hebia nuxlɔ̃ame tso Ðasefo tsitsi siwo tsɔ ɖe le eme na wo la gbɔ.—Lododowo 1:5.\nLe nyateƒe me la, nuwɔna geɖe siwo yia edzi le ame siwo le gbe ɖom ɖi la dometɔ geɖewo dome la nye nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de se na mí be míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu. Menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ koe se sia lɔ ɖe eme o, ke elɔ nuwɔna makɔmakɔ bubu siwo yia edzi le ame siwo meɖe wo nɔewo o dome hã ɖe eme. Nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye asilili ame nɔewo ƒe vidzinuwo ŋu alo gbɔdɔdɔ to meƒi me alo to nu me. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Ne ame eve siwo meɖe wo nɔewo o wɔa nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe wo me la, enye \"makɔmakɔnyenye,\" eye medzea Mawu ŋu o, togbɔ be womedɔ ŋutɔŋutɔ o hã. (Galatiatɔwo 5:19-21) Biblia ƒo nu tsi tre ɖe \"yakanyawo,\" si fia gbegblẽnyawo gbɔgblɔ la ŋu.—Kolosetɔwo 3:8.\nAlakpatɔe míaƒe dzi, si nye ame si míenye le ememe la nye. (Yeremiya 17:9) Ame ƒe dzi ate ŋu ana be wòawɔ nu si eya ŋutɔ nya be menyo o gɔ̃ hã. Ne ame siwo ɖo gbe ɖi medi be yewoƒe dzi nakplɔ yewo atrae o la, mele be woawo ɖeɖe nanɔ teƒe si ana wòanɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nu gbegblẽ o. Ame siwo le gbe ɖom ɖi la ate ŋu atiae be yewoaɖe afɔ siwo akpɔ yewo ta. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be woanɔ xɔlɔ̃ nyuiwo dome alo ana ame aɖe si sɔ la nanɔ wo ŋu. (Lododowo 28:26) Tre Kristotɔ siwo le srɔ̃ dim be yewoaɖe la dea dzesii be afɔku le ame si woaɖe la didi to internet dzi me, vevietɔ gbeɖoɖoɖi kple ame si ŋu womenya nu boo aɖeke tso o.—Psalmo 26:4.\n^ mm. 2 Dukɔ aɖewo me tɔwo ɖoa gbe ɖi, gake dukɔ bubu aɖewo hã me tɔwo meɖoa gbe ɖi o. Biblia megblɔ be ehiã be woaɖo gbe ɖi alo be ele be woaɖo gbe ɖi godoo hafi aɖe srɔ̃ o.\n^ mm. 6 Le kpɔɖeŋu me, nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Marriage & Family Review) me gblɔ be \"numekuku etɔ̃ aɖewo siwo wowɔ tso srɔ̃ɖeɖe siwo nɔ anyi eteƒe didi ŋu la ɖee fia be nu vevi siwo nana be srɔ̃ɖeɖe nɔa anyi eteƒe didina (ƒe 25 va se ɖe50 kple edzivɔ) lae nye ale si srɔ̃tɔawo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo, xɔse kple dzixɔsewo wɔ ɖeka.\"—Babla 38, nyati 1, axa 88 (ƒe 2005).","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/yehowa-%C9%96asefowo-gbe%C9%96o%C9%96o%C9%96i\/","date":"2020-08-05T02:38:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439735906.77\/warc\/CC-MAIN-20200805010001-20200805040001-00190.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977754354,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977754354476929}","num_words":771,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zedekiya mewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame si nye be wòana ta Babilontɔwo la dzi o\nWowu Zedekiya viwo le eya ŋutɔ ŋkume. Wogbã ŋku nɛ, de akɔblikunyowui eye wodee gaxɔ me le Babilon va se ɖe esime wòku\nEbed-Melek ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na Eƒe nyagblɔɖila Yeremiya\nYehowa do ŋugbe be yeakpɔ Ebed-Melek ta ne wova be woatsrɔ̃ Yuda\nYeremiya ɖe gbeƒã ƒe geɖe dzinɔameƒotɔe hafi wova tsrɔ̃ Yerusalem\nYehowa kpɔ Yeremiya ta esime woɖe to ɖe Yerusalem dua eye wòna Babilontɔwo ɖe asi le eŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may15-21\/yehowa-a%C9%96o-ete%C6%92e-ame-sia-ame-e%C6%92e-d%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/","date":"2020-08-15T06:09:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439740679.96\/warc\/CC-MAIN-20200815035250-20200815065250-00190.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997289777,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997289776802063}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míate ŋu anya \"ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ\" la o, negbe ɖe míeɖe gbeƒã na wo, ɖewohĩ míatrɔ ayi wo gbɔ zi geɖe. Eya ta míadi be míawɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe ne míele gbeƒã ɖem o.\nAme ka gbɔe mate ŋu ado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖo le kwasiɖa sia me?\nMɔ kawo dzie mate ŋu ato ade dzi ƒo na haxɔsetɔwo be \"woayi edzi anɔ xɔse la me\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/december-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-dec10-16\/barnaba-kple-paulo-w%C9%94-amewo-nusr%C9%94%CC%83lawo\/","date":"2020-08-12T04:13:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738864.9\/warc\/CC-MAIN-20200812024530-20200812054530-00280.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975278378,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975278377532959}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.012,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Spain\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe xɔe se be anyigba si ʋuʋu le ƒe 2011 me le Lorca si le Spain ƒe anyiehe la anya tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ. Ame asieke ye tsi anyigbaʋuʋu ma me eye ame geɖewo xɔ abi. Anyigbaŋutinunyalawo va kpɔe be ale si wohea tsi gbogbo aɖewo tsoa to me le nuto ma me tsɔ dea nukuwoe la wɔ akpa aɖe le anyigbaʋuʋu gblẽnu ma me.\nChina\nModzakaɖetsaɖila siwo tso China zã Amerika dɔlar miliɔn akpe 102 ɖe dutamɔzɔzɔ ŋu le ƒe 2012 me. Le Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Xexea Me Ƒe Tsaɖilawo Ƒe Habɔbɔ ƒe nya nu la, esiae nye zi gbãtɔ China xɔ nɔƒe gbãtɔ le gazazã ɖe dutatsaɖiɖi ŋu ta, eye Germany kple United States kplɔe ɖo. Dukɔ eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe ya zã Amerika dɔlar miliɔn akpe 84 ko ɖe dutatsaɖiɖi ŋu.\nJapan\nLe numekuku aɖe si wowɔ heta ɖe Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (BMJ) me nu la, wolé ŋku ɖe ame siwo ade 68,000 ŋu le Japan hena ƒe 23 le mama dedie nu. Numekulawo kpɔe be nyɔnu siwo wodzi le ƒe 1920 va ɖo ƒe 1945 me siwo te atamanono hafi xɔ ƒe 20 la kuna ƒe ewo do ŋgɔ na nyɔnu siwo menoe kpɔ o; eye woƒe ŋutsuwo kuna ƒe enyi do ŋgɔ na ŋutsu siwo menoe kpɔ o.\nMauritania\nWode se ɖe aŋekotokuwo alo aŋekpetewo dɔdɔ tso duta, wo wɔwɔ kple wo zazã le dukɔa me nu be woatsɔ akpɔ tɔmelã kple godzilã siwo mia wo hekuna ƒe agbe ta. Dziɖuɖua le dzi dem ƒo be woazã akpete siwo wotsɔa nu siwo nyunyɔna bɔbɔe wɔ la boŋ.\nXexea Me\nDzɔdzɔmefɔkuwo na dɔwɔƒe siwo xea nugblẽfe la ɖua agba Amerika dɔlar miliɔn akpe 50 ƒe sia ƒe. Tso ƒe 1980 me la, nuwo ƒe asi si le dzi yim na be agbaɖuɖu sia dzina ɖe edzi wòwua teƒe eve le ƒe ewo ɖe sia ɖe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201403\/%C5%8Bkul%C3%A9le-%C9%96e-xexea-me-%C5%8Bu\/","date":"2020-09-26T23:01:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600400245109.69\/warc\/CC-MAIN-20200926200523-20200926230523-00293.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996740818,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996740818023682}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AUSTRALIA: Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: \"Dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo—siwo gbena be womegado ʋu na yewo o le woƒe mawusubɔsubɔ ta la—hayana kaba wu dɔnɔ bubuwo.\"—The Sydney Morning Herald, October 2, 2012.\nWoŋlɔ atikeŋutinunyafialagã James Isbister si fiaa nu le Atikeŋutinunyasuku le Sydney Yunivɛsiti ƒe nyawo hã ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ sia ke me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: \"Nufialagã la gblɔ be ɖɔktawo kpɔa Yehowa Ðasefowo gbɔ nyuie wu, elabena wodzea agbagba be ʋu sɔgbɔ magado le [dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo] ŋu o. Esia wɔe be Ðasefoawo tsia agbe wu dɔnɔ bubuwo, eye ɣeyiɣi si wotsɔ nɔa kɔdzi alo wòxɔna hafi wohayana ne wowɔ dɔ sesẽ na wo la nɔa kpuie wu dɔnɔ siwo wodo ʋu na tɔ.\"\nMenye ɖɔkta Isbister ɖeɖe koe gblɔ nya sia tɔgbi o. Agbalẽ aɖe gblɔ tso Ðasefo siwo wowɔ dɔ le dzi ŋu na la ŋu be: \"Ƒãa hafi kuxi sesẽwo doa mo ɖa le dɔwɔwɔ na dɔnɔ siwo nye Ðasefowo me, eye ɣeyiɣi siwo wotsɔ nɔa kɔdzi la medidina dea dɔnɔ siwo wodo ʋu na tɔ nu o.\"—Archives of Internal Medicine, August 13-27, 2012.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butifafa-dzidz%C9%94kp%C9%94kp%C9%94\/%C5%8Butil%C3%A3mel%C3%A3mes%E1%BA%BD-kple-susumel%C3%A3mes%E1%BA%BD\/d%C9%94n%C9%94-siwo-nye-%C9%96asefowo-hayana-kaba-wu\/","date":"2020-11-27T06:58:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189141.23\/warc\/CC-MAIN-20201127044624-20201127074624-00148.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989618063,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989618062973022}","num_words":175,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.171,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzomavɔ Ƒe Nya Gblɔmee Yesu Nɔa?\nAME aɖewo siwo xɔ dzomavɔ ƒe nufiafia la dzi se la hea susu yia Yesu ƒe nya siwo dze le Marko 9:48 (alo kpukpui 44, 46) la dzi. Eƒo nu tso nyẽ (alo ŋɔ) siwo mekuna o kple dzo si metsina o la ŋu. Ne ame aɖe bia nya wò tso nya mawo ŋu la, aleke nàɖo eŋui?\nAmea ate ŋu axlẽ kpukpui 44, 46, alo 48 eye esia anɔ te ɖe Biblia gɔmeɖeɖe si zãm wòle dzi, elabena nya ɖeka tɔgbi ye dze le mawunyakpukpui siawo me le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me. * Afi ma xlẽ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me be: \"Ne wò ŋku zua nukikli na wò la, tsɔe ƒu gbe; enyo na wò be nàge ɖe Mawu fiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Gehena, afi si woƒe nyẽwo mekuna le o, eye wometsia dzoa le o.\"—Mar. 9:47, 48.\nAleke kee wòɖale o, ame aɖewo gblɔna be nya si Yesu gblɔ la ɖo kpe nukpɔsusu si le amewo si be le ku megbe la, ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ kpea fu tegbee la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Navarre Yunivɛsiti ƒe Sagrada Biblia si le Spaingbe me ƒe numeɖeɖe aɖe gblɔ be: \"Mía Aƒetɔ la zã [nya siawo] tsɔ ƒo nu tso funyafunyawɔwɔ ame le hell ŋu. Zi geɖe la, woɖea 'nyẽ si mekuna o la' gɔme be enye kpɔɖeŋu na veve mavɔ si ame siwo le dzomavɔ me la sena ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta; eye be 'dzo si metsina o la' nye woƒe ŋutilã me vevesese.\"\nGake tsɔ Yesu ƒe nyawo sɔ kple Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa ƒe mawunyakpukpui mamlɛtɔ kpɔ. * Ðe medze ƒãa be Yesaya ta 66 ƒe nyawo dzie Yesu nɔ susu hem yi oa? Edze kɔte be nyagblɔɖila la nɔ gbɔgblɔm be woado tso \"Yerusalem ayi Ben Hinom bali (Gehena), afi si wotsɔa amegbetɔwo saa vɔe le tsã la ƒe nuto (Yer. 7:31) siwo va zu teƒe si dua me tɔwo kɔa gbeɖuɖɔ ɖo mlɔeba la me.\" (The Jerome Biblical Commentary) Edze ƒãa be kpɔɖeŋu si wowɔ le Yesaya 66:24 la meku ɖe funyafunyawɔwɔ amewo ŋu o; eƒo nu tso amewo ƒe kukuwo ŋu. Nyẽwoe wogblɔ be womekuna o—menye ame gbagbewo alo luʋɔ makumakuwoe o. Ekema nu ka tututue Yesu ƒe nyawo fia?\nKatolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe Marko 9:48 me nyawo ŋu be: \"Woɖe nya mawo tso Yesaya (66,24). Afi ma la, nyagblɔɖilaa ƒo nu tso mɔ eve siwo nu nu kukuwo dome gblẽna le zi geɖe la ŋu: nuawo aƒaƒã loo alo woatɔ dzo wo . . . Nyẽwo kple dzo siaa yɔyɔ le mawunyakpukpui ɖeka me te gbe ɖe tsɔtsrɔ̃ ƒe nukpɔsusu dzi. . . . Woƒo nu tso nutsrɔ̃nu evea siaa ŋu be wonɔa anyi ɖaa ('metsina o, mekuna o'): mɔ aɖeke kura meli si dzi woato asi le wo nu o. Le ale si woɖɔe nu la, nu siwo koe tsia agbee nye nyẽwo kple dzo la—menye ame o—eye nu evea siaa tsrɔ̃a nu sia nu si dze wo si me la keŋkeŋ. Le esia ta la, nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le afi sia mefia funyafunya mavɔ wɔwɔ ame o, ke boŋ enye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa, si ana be womate ŋu afɔ ame ɖe tsitre o; esia sɔ kple ku mavɔ. Ekema [dzo] la nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa ƒe kpɔɖeŋu.\"—El evangelio de Marcos. Análisis lingüístico y comentario exegético, Babla II.\nEle be ame sia ame si nyae be Mawu vavã la lɔ̃a ame hewɔa nu dzɔdzɔe la, nate ŋu akpɔ ale si susu le eme be woase Yesu ƒe nyawo gɔme alea la adze sii. Menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be woawɔ funyafunya ame vɔ̃ɖiwo tegbee o. Ke boŋ enɔ gbɔgblɔm be wodze ŋgɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ana be womate ŋu afɔ wo ɖe tsitre o la.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Kpukpui 44 kple 46 medze le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le wu la me o. Agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be, anɔ eme godoo be ɖe wova tsɔ mawunyakpukpui siawo kpee emegbe. Nufialagã Archibald T. Robertson ŋlɔ bena: \"Mawunyakpukpui eve siawo medze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo kple nyuitɔwo me o. Wokpɔ wo tso Western kple Syrian (Byzantine) ƒe asinuŋɔŋlɔ hatsotsowo me. Wonye nya siwo le kpukpui 48 lia me la ƒe gbugbɔgblɔ ko. Le esia ta la, míeŋlɔ kpukpui 44 kple 46 siwo ŋu kakaɖedzi mele o la ɖe mía tɔa me o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20080615\/Dzomav%C9%94-%C6%91e-Nya-Gbl%C9%94mee-Yesu-N%C9%94a\/","date":"2020-12-06T00:00:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141750841.83\/warc\/CC-MAIN-20201205211729-20201206001729-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990085959,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990085959434509}","num_words":711,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukae wòfia be woasubɔ Yehowa 'le gbɔgbɔ me'?\nEsi Yesu Kristo nɔ gbeƒã ɖem na Samaria-nyɔnu aɖe si va tsi du ge le Yakob ƒe vudo si te ɖe du si nye Sixar ŋu me la, egblɔ be: \"Mawue nye gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.\" (Yohanes 4:24) Ele be woatsɔ subɔsubɔ vavãtɔ ana 'le nyateƒe me,' si fia be ele be wòawɔ ɖeka kple nusi Yehowa Mawu ɖe fia tso eɖokui kple eƒe tameɖoɖowo ŋu le Biblia me. Azɔ hã ele be gbɔgbɔ, alo dzonɔameme, si tso dzi si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse me, nadze le míaƒe Mawu subɔsubɔ me. (Tito 2:14) Gake nya siwo ƒo xlãe fia be Yesu ƒe nya si wògblɔ tso 'Mawu subɔsubɔ le gbɔgbɔ me' ŋu lɔ nu geɖe ɖe eme wu tamesusu ƒe nɔnɔme si míetsɔ le Yehowa subɔmee ko.\nDze si Yesu ɖo kple nyɔnua le vudoa to meku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme si anɔ mía me alo esi manɔ mía me o ŋu o. Woate ŋu aɖe dzonɔameme kple veviedodo afia le alakpasubɔsubɔ gɔ̃ hã me. Ke boŋ esi Yesu gblɔ be menye Samaria-to dzi alo gbedoxɔ si le Yerusalem me—siwo katã nye teƒe aɖe koŋ—ye woasubɔ Fofoa le o megbe la, eƒo nu tso subɔsubɔ mɔnu yeye si nɔ te ɖe Mawu ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ dzi. (Yohanes 4:21) Egblɔ be: \"Mawu nye Gbɔgbɔmeme.\" (Yohanes 4:24, Charles B. Williams) Menye ŋutilãmemee Mawu vavã la nye o eye míate ŋu akpɔe alo aka asi eŋu o. Eyama subɔsubɔ menɔ te ɖe gbedoxɔ alo to ŋutɔŋutɔ aɖeke dzi o. Eyata Yesu nɔ nu ƒom tso subɔsubɔ ƒe akpa siwo yi ŋgɔ wu nusiwo wokpɔna ko ŋu.\nHekpe ɖe subɔsubɔ si sɔ tsɔtsɔna le nyateƒe me ŋu la, ele be gbɔgbɔ kɔkɔea—Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ makpɔmakpɔ la—hã ƒe mɔfiafia nakpe ɖe eŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: \"Gbɔgbɔ [kɔkɔe] la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.\" Egblɔ kpee be: \"Ke míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.\" (Korintotɔwo I, 2:8-12) Be míasubɔ Mawu wòadze eŋu la, ele be eƒe gbɔgbɔ nanɔ mía dzi eye wòafia mɔ mi. Gawu la, ele vevie be míaƒe gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme, nawɔ ɖeka kple etɔ, to nusɔsrɔ̃ kple eƒe Nya la dzi wɔwɔ me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nSubɔ Mawu \"le gbɔgbɔ kple nyateƒe me\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010915\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-11-26T04:52:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141186414.7\/warc\/CC-MAIN-20201126030729-20201126060729-00348.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961417913,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996141791343689}","num_words":416,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.298,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1954\nDUKƆ SI ME WÒTSO: Philippines\nAME SI WÒNYE TSÃ: Wo kple tɔa si nye ŋlɔmiwɔla la dome klã\nNYE ŊUTINYA\nModzakaɖetsaɖila geɖe zɔa mɔ yi ɖakpɔa tsitsetse si te ɖe du si nye Pagsanjan ŋu le Philippines. Du ma mee tɔnye Nardo Leron tsi le, eye eda ahe kolikoli. Esi wòkpɔ nu fitifiti siwo dziɖuɖudɔwɔlawo, poliswo, kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔna la, ete ɖe edzi eye dzi va nɔ ekum.\nDzinyelawo ku kutri sesĩe be yewoanyi yewo vi enyiawo. Enuenu la, womenɔa aƒe me o hena ɣeyiɣi geɖe le esi wonɔa agble dem le toawo dzi ta. Eva hiãna be nye kple fonye Rodelio míakpɔ mía ɖokui dzi, eye dɔ wua mí zi geɖe. Ƒãa hafi míekpɔa asinu fea fefe esi míenɔ ɖevime. Esi mexɔ ƒe adre la, mí ɖeviawo katã míewɔa dɔ le agble dzi hekɔa negba kpekpewo toa todzimɔ ɖiabuwo dzi. Ne agbaa le kpekpem wu mí la, ɖe míetenɛ le anyigba.\nMía tɔ ƒoa mí vevie eye esia tena ɖe mía dzi, gake etena ɖe mía dzi wu ne míekpɔe wòle mía nɔ ƒom. Míedzea agbagba be míalé avui, gake wɔna aɖeke menɔa mía ŋu o. Nye kple Rodelio míeɖoe le adzame be ne míetsi la, míawu mía tɔa. Edzroam vevie be vifofo si lɔ̃m la nanɔ asinye hafi!\nEsi tɔnye ƒe ŋlɔmiwɔwɔa wɔe be dɔme vem eye dzi nɔ kuyem ta la, meʋu le aƒe me esi mexɔ ƒe 14. Meva tsi ablɔ dzi eye mete gbekui nono. Emegbe meva zu tɔdziʋukula si kplɔa modzakaɖetsaɖilawo yia tsitsetseawo gbɔ.\nLe ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mete yunivɛsitidede le Manila. Gake esi wònye be megazɔa mɔ yia Pagsanjan le kwasiɖanuwuwuwo ɖawɔa dɔ ta la, nyemetea ŋu kpɔa vovo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu o. Agbea va nɔ sesẽm nam eye nyemenɔ ta kpɔm nɛ o, eye gbekuia nono hã megava nɔ nye dzimaɖitsitsia nu lém o. Eya ta meva nɔ kokaine, heroin kple atike sesẽ bubuwo zãm. Atike sesẽawo zazã wɔnɛ be meƒoa ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me zi geɖe. Ahedada, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe sɔŋ koe ƒo xlãm. Melé fu dziɖuɖua eye mebua fɔe ɖe nu siwo nɔ dzɔdzɔm la ta. Mebia Mawu be, \"Nu ka tae agbea le alea ɖo?\" Gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo aɖeke tso subɔsubɔha siwo me meyi ɖaku nya ma me le la gbɔ o. Megava nɔ atike sesẽawo zãm geɖe wu ale be wòagadze le ŋunye be nu te ɖe dzinye o.\nLe ƒe 1972 me la, sukuvi siwo le Philippines la lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Mekpɔ gome le gbɔlɔlɔawo dometɔ ɖeka me, eye ʋunyaʋunya va dzɔ. Wolé ame geɖewo, eye le ɣleti aɖewo megbe la, dukɔ bliboa va nɔ asrafowo ƒe kpɔkplɔ te.\nMegava tsi ablɔwo dzi ake, fifia ya menɔ vɔvɔ̃m be setɔwo atu nu kplim ɖe akpa si mewɔ le aglãdzedzea me ta. Be makpɔ ga ayi atike sesẽawo zazã dzi la, meva trɔ ɖe fififi ŋu, eye mlɔeba mewɔ ɖokuinye gbolo na gatɔwo kple ame siwo tso duta. Meɖaku o, meɖale agbe o, mekam o.\nLe ɣeyiɣi mawo me la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple nɔnye kple nɔvinyeŋutsu suea. Esia ku dzi na tɔnye vevie eye wòtɔ dzo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Gake womena ta o eye wova xɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefowo.\nGbe ɖeka, Ðasefo aɖe ƒo nu tso ŋugbe si Biblia do be dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ava xɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi la ŋu na tɔnye. (Psalmo 72:12-14) Nya sia dzɔ dzi na tɔnye ale gbegbe be eɖoe be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu. Menye ŋugbe si Mawu do be yeahe dziɖuɖu dzɔdzɔe vɛ la ŋu koe wòke ɖo le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me o, ke eva nya nu si Mawu di tso srɔ̃ŋutsuwo kple vifofowo si hã. (Efesotɔwo 5:28; 6:4) Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, eya kple nɔvinye mamlɛawo katã va zu Ðasefowo. Esi nyemetsɔ aƒe gbɔ o ta la, nyemenya be nu siawo nɔ edzi yim o.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ\nLe ƒe 1978 me la, meʋu yi Australia. Gake le dukɔ sia si me tomefafa kple kesinɔnuwo bɔ ɖo me gɔ̃ hã la, nyemekpɔ dzidzeme o. Megayi aha tsu nono kple atike sesẽawo zazã dzi. Ɣeyiɣi aɖe megbe le ƒe ma me la, Yehowa Ðasefowo va srãm kpɔ. Nu si wotsɔ fiam le Biblia me ku ɖe ale si ŋutifafa ava xɔ anyigba dzi la dzɔ dzi nam, gake menɔ vɔvɔ̃m be made ha kpli wo.\nLe esia megbe kpuie la, metrɔ yi Philippines henɔ afi ma kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Nɔvinyewo gblɔ nam be tɔnye dze agbagba vevie va zu ame nyui, gake eƒe nu ganɔ dɔme vem nam ale gbegbe be nyemedi kura be magogoe gɔ̃ hã o.\nNɔvinyenyɔnu suea zã Biblia tsɔ ɖe nu si tae fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi la me nam. Ewɔ nuku nam be ƒewuivi dzaa si mekpɔ nuteƒe boo le agbe me o la nya nye nyabiasewo ƒe nuɖoɖowo. Hafi madzo le wo gbɔ la, tɔnye tsɔ agbalẽ si nye Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi * la nam. Egblɔ nam be: \"Dzudzɔ hloloetsotsoa. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nu si dim nèle la ŋu.\" Ede dzi ƒo nam be madi Yehowa Ðasefowo ne metrɔ yi Australia.\nMewɔ ɖe tɔnye ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye meva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si te ɖe nye aƒe ŋu la ŋu le Brisbane. Melɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Biblia me nyagblɔɖiwo abe esiwo dze le Daniel ta 7 kple Yesaya ta 9 ene na mekpɔe be Mawu ƒe dziɖuɖu, si me nu fitifiti wɔwɔ aɖeke mele o la, aɖu mía dzi le etsɔme. Mesrɔ̃e be míava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi. Medi be nye nu nadze Mawu ŋu, gake mekpɔe be ele be maɖu nye seselelãmewo dzi, madzudzɔ aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã, eye madzudzɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ. Meklã ɖa tso ɖetugbui si nye kplii míeli la gbɔ eye meƒo asa na nu siwo zu numame nam la hã. Esi meva nɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, medo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe nunye mawɔ tɔtrɔ bubu siwo hiã.\nVivivi la, meva kpɔe be nu siwo srɔ̃m menɔ la ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ vavã. Biblia gblɔ be ne míedze agbagba la, míate ŋu ado \"amenyenye yeye la.\" (Kolosetɔwo 3:9, 10) Esi menɔ agbagba dzem be mawɔ esia la, meva ka ɖe edzi be nya si mese be tɔnye va trɔ eƒe agbenɔnɔ la ate ŋu anye nyateƒe. Le esi mayi edzi alé fui eye eƒe nu nanɔ dzi kum nam teƒe la, meva di azɔ be mawɔ ŋutifafa kplii boŋ. Mlɔeba, metsɔe ke tɔnye eye meɖe asi le dziku si nɔ menye ɖe eŋu tso nye ɖevime la ŋu.\nVIÐE SIWO MEKPƆ\nEsime menye ɖekakpui la, mekplɔ amewo ɖo míewɔ nu gbegblẽwo eye mewɔ nu siwo gblẽ nu le ŋunye. Nya si Biblia gblɔ be hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo la va eme ɖe dzinye. (1 Korintotɔwo 15:33) Gake meva dze xɔlɔ̃ vavãwo le Yehowa Ðasefowo dome eye wokpe ɖe ŋunye meva ɖɔ ʋu wu. Woawo ke domee medo go srɔ̃nye lɔlɔ̃a Loretta le. Nye kplii míefiaa amewo ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.\nEdzɔ dzi nam be Biblia kpe ɖe tɔnye ŋu wòva zu ame si nyemebu kpɔ be ate ŋu ava nye o. Eva zu srɔ̃ŋutsu nyui na nɔnye eye wònye Kristotɔ bɔbɔɖokui si lɔ̃a ŋutifafa. Esi mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le 1987 me eye nye kple tɔnye míeva do go la, ewɔ atuu nam zi gbãtɔ le nye agbe me!\nTɔnye kple nɔnye wɔ dɔ ɖekae ƒe 35 kple edzivɔ nɔ mɔkpɔkpɔ ƒe gbedeasi si le Biblia me la gblɔm na amewo. Eva zu ame si doa vevie nu hetsɔa ɖe le eme na ame, eye wova nyae be enye ame si kpena ɖe ame ŋu. Le ƒe mawo me la, meva lɔ̃e eye medea bubu eŋu. Enye dada nam be menye via! Eku le ƒe 2016 me, gake meɖoa ŋku edzi kple dzidzɔ, esi menyae be nye kplii siaa míewɔ tɔtrɔ gãwo le míaƒe agbenɔnɔ me le esi míenɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ta. Fuléle si nɔ menye tsã la nu yi keŋkeŋ. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meke ɖe Fofonye si le dziƒo, Yehowa Mawu, ame si do ŋugbe be yeaɖe nu siwo hea xaxawo vaa ƒomewo dzi la katã ɖa le afi sia afi la ŋu.\n^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/biblia-le-amewo-%C6%92e-agben%C9%94n%C9%94-tr%C9%94m\/nye-kple-t%C9%94nye-m%C3%ADew%C9%94-%C9%96eka\/","date":"2021-03-05T05:45:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178369721.76\/warc\/CC-MAIN-20210305030131-20210305060131-00236.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993786216,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993786215782166}","num_words":1397,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Nàte Ŋu Axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Asea?\nAME ʋɛ aɖewo koe xɔe se be anyigba la ava zu paradiso gbaɖegbe. Ame geɖe buna be manɔ anyi ɖaa o. Agbalẽ si nye The Sacred Earth, si Brian Leigh Molyneaux ŋlɔ, gblɔ be 'nu gã aɖe si wó' ƒe miliɔn gbogbo aɖewo enye si va yie na anyigba sia do. Eye ame geɖe xɔe se be ne ame ŋutɔ metsrɔ̃ anyigba o la, woa kple xexeame katã \"agazu dzokpe\" mlɔeba.\nMɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe susu sia menɔ ƒe alafa 17 lia me Eŋlisi hakpanyaŋlɔla John Milton si o. Eŋlɔ le eƒe hakpanya didi wɔdɔɖeamedzi si nye Paradise Lost me be Mawu wɔ anyigbaa be wòanye paradisoƒe na amegbetɔƒomea. Paradiso gbãtɔ ma bu. Gake Milton xɔe se be woagbugbɔe aɖo anyi—eye ɖela aɖe si nye Yesu Kristo \"aɖo eteƒe na amesiwo wɔ nuteƒe nɛ, eye wòaxɔ wo ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me . . . le Dziƒo alo Anyigba dzi\" gbeɖeka. Milton gblɔ kakaɖedzitɔe be: \"Ɣemaɣi la, Anyigbaa anye Paradiso.\"\nParadiso—le Dziƒo loo alo le Anyigba Dzi?\nMilton ƒe nukpɔsusua le ame geɖe siwo doa vevie mawusubɔsubɔ si be yewoava xɔ teƒeɖoɖo aɖe ƒomevi gbeɖeka le nu dziŋɔ kple vevesese siwo me wòle be yewoado dzi le le anyigba sia dzi ta. Gake afikae woase vivi na teƒeɖoɖo ma le? Ðe wòanye \"le Dziƒo loo alo le Anyigba dzia\"? Le ame aɖewo gome la, anyigba ya mevaa susu me na wo o. Wogblɔna be ne amewo dzo le anyigba dzi yi ɖale gbɔgbɔmexexe aɖe me le dziƒo ko hafie 'woakpɔ dzidzɔ.'\nLe agbalẽ si nye Heaven—A History me la, eŋlɔlawo C. McDannell kple B. Lang gblɔ be ƒe alafa evelia me mawunyaŋununyala Irenaeus xɔe se be agbenɔnɔ le paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi me \"manye le esi le didiƒe dziƒonuto aɖe me o, ke boŋ le anyigba dzi.\" Agbalẽ ma gblɔ be, togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo abe John Calvin kple Martin Luther ene kpɔ mɔ be yewoayi dziƒo hã la, woxɔe se hã be \"Mawu awɔ anyigba yeyee.\" Dzixɔse siawo tɔgbe le subɔsubɔha bubuwo me tɔwo hã si. McDannell kple Lang gblɔ hã be Yudatɔ aɖewo xɔe se be le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, \"woaɖe\" amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa \"eye woanɔ agbe si me dzidzeme le le anyigba dzi.\" The Encyclopaedia of Middle Eastern Mythology and Religion gblɔ be, blema Persiatɔwo xɔe se be \"woagbugbɔ nɔnɔme si me anyigba nɔ le gɔmedzedzea me la aɖɔ ɖo eye amewo aganɔ ŋutifafa me ake.\"\nNukae dzɔ ɖe paradisonyigbaa ƒe mɔkpɔkpɔ dzi? Ðe woɖoe be míanɔ anyigba dzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe koa? Abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ xexemenunyala Philo susui ene la, ɖe woɖoe be wòanye mɔzɔzɔ yi gbɔgbɔmenuto aɖe me \"ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ, si wɔa nublanui zi geɖe\" laa? Alo ɖe nu bubu aɖe nɔ susu me na Mawu esime wòwɔ anyigba heda amegbetɔwo ɖe edzi le paradiso ƒe nɔnɔmewo mea? Ðe amegbetɔƒomea ate ŋu akpɔ gbɔgbɔmedzidzeme vavã kple dzidzɔ le anyigba dzi afisia? Ðe manyo be nàdzro nusi Biblia gblɔ le nya sia ŋu me akpɔ oa? Ðewohĩ aƒo nya ta, abe alesi ame miliɔn geɖe ƒoe xoxo ene, be esɔ be woakpɔ mɔ na anyigba dzi paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi nyateƒe.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nHakpanyaŋlɔla John Milton xɔe se be woagbugbɔ Paradiso aɖo anyi\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\nAnyigba: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C.\/NASA; John Milton: Leslie's","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031115\/%C3%90e-N%C3%A0te-%C5%8Au-Ax%C9%94-Paradisonyigba-%C6%92e-Nya-Dzi-Asea\/","date":"2021-05-12T18:59:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243989766.27\/warc\/CC-MAIN-20210512162538-20210512192538-00392.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979911447,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997991144657135}","num_words":557,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyui Kple Vɔ̃—Aleke Nàde Vovototo Wo Domee?\nAMEKA sie ŋusẽ le be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo? Biabia ma fɔ ɖe te le keke amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzeɣi ke. Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be Mawu tɔ asi ati aɖe koŋ dzi Eden-bɔa me be enye \"sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati.\" (Mose I, 2:9) Mawu gblɔ na ame eve gbãtɔ la bena woagaɖu ati sia ƒe tsetse o. Gake, Mawu ƒe futɔ, Satana Abosam, do susua ɖa be ne woɖu ati sia ƒe tsetse la, woƒe ŋkuwo \"lãʋu\" eye woanɔ \"abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.\"—Mose I, 2:16, 17; 3:1, 5; Nyaɖeɖefia 12:9.\nEle be Adam kple Xawa natso nya me—ɖe woawɔ ɖe nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu siwo Mawu ɖo la dzi loo alo ɖe woawɔ ɖe woa ŋutɔwo tɔ dzia? (Mose I, 3:6) Wotiae be yewomaɖo to Mawu o eye woɖu atia ƒe tsetse. Nukae nuwɔna tsɛ ma ɖe fia? Esi wogbe wɔwɔ ɖe se si Mawu de na wo dzi ta la, woɖee fia be eme anyo na yewo kple yewoƒe dzidzimeviwo wu ne yewo ɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na yewo ɖokui. Dzidzedze kae ameƒomea kpɔ tso agbagbadzedze be yewoawɔ nu abe Mawu ene to woa ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo ɖoɖo na wo ɖokui me?\nNukpɔsusu Vovovowo\nEsi Encyclopædia Britannica dzro nusi xexemenunyala xɔŋkɔwo fia le ƒe alafa siwo va yi me me vɔ la, egblɔ be tso Hela xexemenunyala Socrates ŋɔli va ɖo ƒe alafa 20 lia me la, \"woʋli nya\" enuenu \"le nusi tututu nyuiwɔwɔ kpakple nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu anye la ŋu.\"\nLe kpɔɖeŋu me, Sophisttɔwo nye ƒuƒoƒo xɔŋkɔ aɖe nɔ Hela nufialawo dome le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me. Wofia nu be ame hahoowo ƒe nukpɔsusu dzie wonɔa te ɖo ɖoa nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo. Nufiala siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: \"Nusianu si ko du aɖe me tɔwo buna nu dzɔdzɔe eye be esɔ la nyea nusiwo dzɔ hesɔ na du ma, zi alesi wonya lɔ̃ ɖe edzi ko.\" Le nya sia nu la, ele be Jodie, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la, naɣla gaa le esi eƒe nutoa, alo \"du,\" me tɔ akpa gãtɔ awɔe nenema ta.\nImmanuel Kant, si nye ƒe alafa 18 lia me xexemenunyala xɔŋkɔ aɖe, ya gblɔ nya si to vovo. Magazine si nye Issues in Ethics gblɔ be: \"Immanuel Kant kple ame bubu siwo le abe eyama ene . . . ƒo nu tso gome si le amea ŋutɔ si be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso ŋu.\" Le Kant ƒe susua nu la, ne Jodie menya xɔ ame aɖeke ƒe gomenɔamesi le esi o ko la, nusi woawɔ la nye eya ŋutɔ ƒe nya. Mele be wòaɖe mɔ ame hahooawo ƒe nukpɔsusu naɖo dzidzenuwo nɛ o.\nAleke Jodie kpɔ gbetɔame sia gbɔe? Etia nukpɔsusu etɔ̃lia. Ewɔ ɖe Yesu Kristo, amesi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo Kristotɔwo kple amesiwo menye Kristotɔwo o siaa kafu la, ƒe nufiafia dzi. Yesu fia nu be: \"Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.\" (Mateo 7:12) Jodie tsɔ United States ƒe ga dɔlar 82,000 la na nyɔnu si na dɔae la, nyɔnua ƒe nu koe ku. Esi wobia Jodie be nukatae metsɔ gaa o la, eɖe eme be Yehowa Ðasefoe yenye eye wògblɔ be: \"Gaa menye tɔnye o.\" Jodie wɔ ɖe Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Biblia me le Mateo 19:18 be \"megafi fi o\" la dzi.\nÐe Ame Hahoowo ƒe Nukpɔsusu Nye Mɔfianu si Dzi Woaka Ðoa?\nÐewohĩ ame aɖewo agblɔ be Jodie tsi bome ŋutɔ be wòwɔ nuteƒe. Gake ame hahoowo ƒe nukpɔsusu menye mɔfianu si dzi woaka ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, nenye amesiwo dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be ɖeviwo tsɔtsɔ asa vɔe sɔ, abe alesi ame aɖewo bui va yi ene, domee nènɔ la, ɖe ema awɔe be nuwɔna ma na sɔa? (Fiawo II, 16:3) Ke ne amesiwo bua amelãɖuɖu be enye nusi sɔ domee wodzi wò ɖo ya ɖe? Ðe ema afia be amelãɖuɖu menye nugbegblẽ oa? Nuwɔna aɖe ƒe ŋkɔxɔxɔ mefiana be esɔ o. Blema kee Biblia xlɔ̃ nu le mɔ̃ ma ŋu, be: \"Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.\"—Mose II, 23:2.\nYesu Kristo gblɔ susu bubu si tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le tenɔnɔ ɖe ame hahoowo ƒe nukpɔsusu dzi le nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso wɔwɔ me ɖo. Eɖee fia be Satanae nye 'xexeame ƒe fia.' (Yohanes 14:30; Luka 4:6) Satana zãa eƒe ɖoƒea tsɔ blea 'xexeame katãe.' (Nyaɖeɖefia 12:9) Eyata ne nusi ame geɖe lɔ̃a wɔwɔ ko dzie nènɔa te ɖo tsoa nyame le nyui kple vɔ̃ ŋuti la, ɖewohĩ àva nɔ lɔlɔ̃m ɖe Satana ƒe dzidzenuwo dzi, eye ɖikeke mele eme o be afɔku anɔ eme godoo.\nÐe Nàte Ŋu Aka Ðe Wò Ŋutɔ Wò Nyametsotso Dzia?\nEkema ɖe wòle be ame ɖesiaɖe naɖo nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na eɖokuia? Biblia gblɔ be: \"Megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.\" (Lododowo 3:5) Nukatae? Elabena amegbetɔwo katã nyi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si ƒo ke ɖe to ɖe mía me, si ate ŋu agblẽ míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ me la, ƒe dome. Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu la, wolɔ̃ ɖe ametrɔtomela ɖokuitɔdila Satana ƒe dzidzenuwo dzi eye wotiae be wòanye yewoƒe gbɔgbɔmefofo. Esia na wogblẽ domenyinu gbegblẽ aɖe—si nye dzi alakpatɔ si te ŋu dea dzesi nu nyui gake dina vevie be yeawɔ vɔ̃ la—ɖi na woƒe dzidzimeviwo.—Mose I, 6:5; Romatɔwo 5:12; 7:21-24.\nEsi Encyclopædia Britannica nɔ agbenɔnɔ ŋuti sewo me dzrom la, egblɔ be: \"Ne amewo nya nusi sɔ be woawɔ gake gbe ewɔwɔ hewɔ nusi nye woa ŋutɔwo ƒe didi dzi la menye nukunu boo aɖeke o. Alesi woawɔ ana ame mawo nanya nusitae wòle be woawɔ nusi sɔ ɖo la nye kuxi gã le Ɣetoɖoƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe ame dzi me.\" Biblia gblɔe wòsɔ ale: \"Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?\" (Yeremya 17:9) Ðe nàka ɖe ame aɖe si wonya nyuie be enye alakpatɔ kple ame gbegblẽ la dzia?\nLe nyateƒe me la, ŋutete le amesiwo mexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã si be woawɔ nu dzeame ahatu agbenɔnɔ ŋuti se siwo wɔa dɔ eye bubu le wo ŋu hã ɖo. Gake zi geɖe la, woƒe agbenɔnɔ gɔmeɖose nyuiawo ɖea Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiana. Togbɔ be amesiawo melɔ̃na ɖe edzi be Mawu li o hã la, woƒe nukpɔsusuwo ɖenɛ fiana be ŋutete le wo si le ememe be woaɖe Mawu ƒe nɔnɔme afia. Esia ɖo kpe edzi be, \"Mawu ƒe nɔnɔme nue\" wowɔ ameƒomea ɖo le gɔmedzedzea me abe alesi Biblia ɖee fia ene. (Mose I, 1:27; Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Apostolo Paulo gblɔ be: \"Amesiawo ɖee fia be woŋlɔ sea ɖe yewoƒe dziwo me.\"—Romatɔwo 2:15, NW.\nEle eme baa be nusi nyo la nyanya to vovo kura tso agbenyuinɔnɔ ŋutete tsɔtsɔ awɔ nusi nyo lae gbɔ. Alekee agbenyuinɔnɔ ŋutete si hiã la wɔna va sua ame si? Esi wònye be dzi lae ʋãa ame hafi wòwɔa nu ta la, lɔlɔ̃ si le ame si tutuɖo na Biblia la Ŋlɔla, Yehowa Mawu, ate ŋu akpe ɖe amea ŋu be ŋusẽ ma nasu esi.—Psalmo 25:4, 5.\nŊusẽ Kpɔkpɔ Atsɔ Awɔ Nyuie\nAfɔ gbãtɔ si ame aɖe bene wòasrɔ̃ alesi wòalɔ̃ Mawue nye be wòakpɔ alesi gbegbe susu le eƒe sededewo me eye wowɔa dɔe la adze sii. Apostolo Yohanes gblɔ bena: \"Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.\" (Yohanes I, 5:3) Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woanya nyui kple vɔ̃ ne wole nyametsotso wɔm le aha muamewo nono, atikevɔ̃ɖizazã, alo gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woanya alesi woakpɔ masɔmasɔwo gbɔe, eye ate ŋu ana mɔfiame dzilawo woatsɔ ahe wo viwoe. * Ne ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa tsɔ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo wɔ dɔe la, eɖea vi na wo sɔsɔe metsɔ le ɖoƒe si wole le hadome, woƒe agbalẽnyanya, alo dekɔnu me o.\nAbe alesi ko nuɖuɖu si me nunyiame le doa ŋusẽ wò nèwɔa dɔe ene la, nenema kee Mawu ƒe Nya xexlẽ ado ŋusẽ wò nànɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Yesu tsɔ Mawu ƒe nyawo sɔ kple nuɖuɖu si léa agbe ɖe te. (Mateo 4:4) Egblɔ be: \"Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.\" (Yohanes 4:34) Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe tetekpɔwo nu hewɔ nyametsotso nyuiwo.—Luka 4:1-13.\nÐewohĩ Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ bene wòatsi susu me na wò kple lɔlɔ̃ ɖe eƒe dzidzenuwo dzi asesẽ na wò le gɔmedzedzea me. Gake ɖo ŋku edzi be esime nènye ɖevi la, ɖewohĩ nuɖuɖu aɖewo siwo nyo na wò la ɖuɖu mevivia nu wò o. Ke hã, be nàte ŋu atsi nyuie la, ehiã be nàsrɔ̃ alesi woɖua nuɖuɖu nyui mawoe. Nenema kee ɣeyiɣi aɖewo ava yi hafi Mawu ƒe dzidzenuwo nava nyo ŋuwò. Ne èyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la, àtsi ava lɔ̃ wo eye nàva sẽŋu le gbɔgbɔ me. (Psalmo 34:9; Timoteo II, 3:15-17) Àsrɔ̃ alesi woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui eye wòaʋã wò be \"nàwɔ nyui.\"—Psalmo 37:3.\nÐewohĩ Jodie ƒe nɔnɔmea madze ŋgɔ wò gbeɖe o. Ke hã, èwɔa agbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo, sueawo kple gãwo siaa, gbesiagbe. Eyata Biblia le nu xlɔ̃m wò be: \"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.\" (Lododowo 3:5, 6) Menye ɖeko ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu aɖe vi na wò fifia ko evɔ o, ke boŋ aʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ hã ɖi na wò, elabena toɖoɖo Yehowa Mawu ƒe mɔ la kplɔa ame yia agbe mee.—Mateo 7:13, 14.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 18 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe nya sia kple nya vevi bubuwo ŋu la le agbalẽ siwo nye Questions Young People Ask—Answers That Work kple Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, siwo Yehowa Ðasefowo ta me.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]\nVivimeŋusẽwo ate ŋu anɔ megbe na ame hahoowo ƒe nukpɔsusuwo\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]\nƑe gbogbo aɖewo enye sia si xexemenunyalawo le nya ʋlim le nyui kple vɔ̃ ŋu\nSOCRATES\nKANT\nCONFUCIUS\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nKant: From the book The Historian's History of the World; Socrates: From the book A General History for Colleges and High Schools; Confucius: Sung Kyun Kwan University, Seoul, Korea\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]\nMenye ɖeko Biblia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome ko o ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyui","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041201\/Nyui-Kple-V%C9%94%CC%83%E2%80%8B-Aleke-N%C3%A0de-Vovototo-Wo-Domee\/","date":"2021-05-07T11:00:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243988775.80\/warc\/CC-MAIN-20210507090724-20210507120724-00088.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984340668,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984340667724609}","num_words":1743,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Ne mimewɔ nu sia o la, . . . le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, madze mia dzi, eye maho aʋa ɖe mia ŋu le goawo katã me le mɔ sia mɔ nu, eye mana miabɔbɔ ɖe Sɔlemeha la kple Fiagã la ƒe kɔkuti te ahaɖo toe; eye makplɔ mia srɔ̃wo kple mia viwo woazu kluviwo, . . . maxɔ miaƒe kesinɔnuwo eye matu nu kpli mi ale si mate ŋui. . . . Ku sia si miaku kple fukpekpe siwo ava mia dzi la ƒe fɔbubu anɔ miawo ŋutɔwo mia dzi, ke manɔ Fiagã la alo mía dzi o.\"\nESIAE nye dziɖuɖumegãwo ƒe sedede siwo wɔ moya wu la dometɔ ɖeka. Enye gbedeasi aɖe si woyɔna be Nudidi, alo el Requerimiento le Spaingbe me. Gbedeasi siae Spaintɔ anyigba yeye xɔlawo xlẽna le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me ne wova Amerika-nyigbawo dzi be yewoaxɔ wo.\nGbedeasi ka tututue Spaintɔ anyigba yeye xɔla siawo gblɔna na anyigba ma dzi tɔwo, eye nu ka tae?\nAmewo Dzi Zizi Be Woazu Katolikotɔwo\nEsi Columbus va ɖo Amerika-nyigbawo dzi le ƒe 1492 me megbe kpuie la, ʋiʋli ɖo Spain kple Portugal dome, wo dometɔ ɖe sia ɖe be yee dze aɖu anyigba mawo dzi. Esi wònye be dukɔ eve siawo bua Katolikotɔwo ƒe papa be enye Kristo teƒenɔla le anyigba dzi ta la, wobia tso esi be wòakpɔ nyaa gbɔ na yewo. Le papa ƒe mɔfiafia te la, Sɔlemeha la ma anyigba yeyeawo na Spain kple Portugal hebia tso wo si be woadɔ mawunyadɔgbedelawo ɖa be woatrɔ dzi me na anyigba mawo dzi tɔwo.\nEsi woyi edzi nɔ anyigbawo xɔm la, Spain fiaɖuƒea va kpɔe be ele be yewoana yewoƒe anyigbaxɔxɔa nanɔ se nu. Spaintɔwo ƒo nya ta be esi wònye papa ŋutɔe tsɔ anyigba mawo na yewo le Mawu ƒe ŋkɔ me ta la, anyigba yeye xɔlawo kpɔ mɔ aɖe anyigba mawo dzi tɔwo ɖa, axɔ woƒe nunɔamesiwo le wo si ahaxɔ ablɔɖe le wo si.\nSpaintɔwo ŋlɔ agbalẽ aɖe si woxlẽna na anyigba mawo dzi tɔwo tsɔ gblɔa papa ƒe nyametsotsoa na wo. Wobia tso anyigba mawo dzi tɔwo si be woazu Kristotɔwo ahabɔbɔ ɖe Spain fia ƒe ŋusẽ te. Ne wogbe la, Spaintɔwo senɛ le wo ɖokui me be yewokpɔ mɔ awɔ aʋa \"dzɔdzɔe\" kpli wo le Mawu ƒe ŋkɔ me.\n\"Wogblɔna be woɖe mɔ be woate ŋu awɔ ŋutasẽnuwo le susu nyuiwo ta. Eya ta Spaintɔwo di ɖokuinuɖenyawo tsɔ sẽ ŋuta le amewo ŋu.\"—Yesutɔwo ƒe mawunyafialagã Francis Sullivan\n\"Nu madzɔmadzɔ, Nu Vɔ̃ɖi, Ŋukpenanu\"\nSpain-dziɖuɖua nana woxlẽa Nudidia na amewo kple susu be yewoƒe dzitsinya nagaɖe fu na yewo o, eye be yewoatsɔ afia be yewo tɔ dzɔ be yewoaxɔ anyigba le edzinɔlawo si. Zi geɖe la, anyigba yeye xɔlaawo xlẽa agbalẽ sia le woƒe tɔdziʋuwo me hafi ɖia go va dzea ameawo dzi alo xlẽnɛ le gota na anyigba dzi tɔ mawo siwo mese Europagbewo gɔ̃ hã o. Ɣeaɖewoɣi la, ne vɔvɔ̃ ɖo anyigba mawo dzi tɔwo wosi le woƒe xɔwo me la, wova xlẽa agbalẽ sia na xɔ ƒuƒluwo gɔ̃ hã.\nAmewo dzi zizi akpasesẽtɔe be woatrɔ dzi me na wokɔ ʋu geɖe ɖe anyi. Le kpɔɖeŋu me, wowu Araukaniatɔ 2,000 le aʋa aɖe si wowɔ le Chile le ƒe 1550 me. Anyigba yeye xɔla Pedro de Valdivia gblɔ tso ame siwo tsi agbe le aʋa ma me la ŋu na fia la be: \"Míetso abɔ na ame 200 hekpa ŋɔti na wo le woƒe tosesẽ ta elabena medɔ ame ɖo ɖa zi geɖe woyi ɖaxlẽ Fia ƒe se [Nudidi] la na wo, gake wogbe toɖoɖo.\" *\nNudidi sia xexlẽ anya ɖe amedzidzela siawo ƒe dzitsinya ƒe fɔbuame dzi kpɔtɔ ya. Ke hã mena amewo kpɔ ŋudzedze ɖe Spaintɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu kura o. Mawunyadɔgbedela nunɔla Bartolomé de las Casasalafa si nɔ anyi le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me, ame si ŋutɔ kpɔ Nudidia ƒe nugbegblẽa teƒe la gblɔ be: \"Aleke gbegbe se sia nye nu madzɔmadzɔ, nu vɔ̃ɖi, ŋukpenanu, nu si me susu mele o kple nu manyatalenue nye esi! Ŋkɔ gbegblẽ si gbegbe wòda ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa dzi ya wu gbɔgblɔ.\" Gonzalo Fernández de Oviedo, ame si ŋlɔa nu tso blemanudzɔdzɔwo ŋu, fa konyi be ŋuta si gbegbe wosẽ le Amerika-nyigbawo dzi nɔlawo ŋu la nana be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ menyoa wo nu o.\nÐe wòle be woabu fɔ Mawu ɖe ŋutasẽnu siwo dziɖulawo kple subɔsubɔhawo wɔ le eƒe ŋkɔ me la ta. Biblia gblɔ be: \"Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.\"—Hiob 34:10.\n^ mm. 12 Numekula aɖewo gblɔ be wote fli ɖe Nudidi sia me le ƒe 1573 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201306\/le-mawu-%C6%92e-%C5%8Bk%C9%94-mee\/","date":"2021-06-13T05:08:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487600396.21\/warc\/CC-MAIN-20210613041713-20210613071713-00277.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982278943,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982278943061829}","num_words":741,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 377\nStanza 1\nWò, Yesu, me ko manɔ,\nEsia nye nye ɖoɖo.\nNaneke manyam ɖa o,\nVa se maɖo dziƒo.\nMatsɔ dzidzɔ manyagblɔ\nAdo ɖe ŋkuwò me;\nMavo tso fu sia fu me,\nGbe si gbe nàgava.\nStanza 2\nŊu makpe mí l'a-fi ma\nLe eƒe ŋkume o.\nNe míenya Yesu l'a-fi,\nYesu hã anya mí.\nNe mena eƒe ʋu la\nNaklɔ ŋutinye keŋ,\nAtsɔ nye nu vɔ̃ akem,\nAxɔm ɖe 'ɖokui gbɔ.\nStanza 3\nO Yesu, na wò ŋusẽ\nNanɔ menye blibo!\nEkem ne megbɔdzɔ hã,\nNa manɔ mewò ko!\nNe àgbe tso dziƒo la,\nMàdo ŋɔdzi nam o;\nWò la àɖo ŋku dzinye,\nBe nye hã me nènɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-377\/","date":"2021-09-23T18:32:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976402521,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976402521133423}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.282,"stopwords_ratio":0.165,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 223\nStanza 1\nAmenuvela, mía Fofo,\nMíete va gbɔwò, Aƒetɔ.\nMía luʋɔwo le ŋkuwò me;\nKe wò ɖeka ko nya 'me si\nDze klo ɖe ŋkuwò me vavã\nEye 'ƒe dzi le gbɔwò hã.\nStanza 2\nWò gbɔgbɔ la ko dea vovo\nGbagbewo kple kukuwo me.\nKe míele kuku ɖem na wò,\nNàna wò lɔlɔ̃nu nyui mí!\nNa wò yɔyɔ ƒe ŋusẽ la\nNatrɔ mí katã ƒe dzi me!\nStanza 3\nÐe nu vɔ̃ gba la le mía dzi,\nNe míavo tso nu vɔ̃wo me!\nEgbe ne míese wò gbe la,\nNa míatrɔ míaƒe dziwo me!\nO, kpe ɖe mía ŋu, nàɖe mí\nTso gakpodzo bibi la me!\nStanza 4\nWò Aƒetɔ, so ƒle mí la,\nNàɖe mí tso nu vɔ̃ me keŋ!\nMí ame siwo katã ta\nWò, ɖela Yesu, ku ɖo la,\nNa míaƒe luʋɔwo katã\nNava gbɔwò le mavɔ me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-223\/","date":"2021-09-27T07:09:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00192.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.994327724,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99432772397995}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMawu ƒe lɔlɔ̃ la esɔ gbɔ.\nAme ka medze sii o ma?\nAme ka asẽ dzime ale,\nBe wòagbe akpedada nɛ?\nO, eƒe lɔlɔ̃ me dzodzro ko\nNanye nye dɔ vevitɔ ɖaa.\nMawu meŋlɔm be kpɔ gbeɖe o;\nNye dzi hã megaŋlɔe be o!\nStanza 2\nAme ka wɔm nukutɔe ale?\nMawu, si mehiãm kpɔ o lae!\nAme ka kplɔm kpakple dzigbɔɖi?\nAme si ƒe nya megbe lae!\n'Me ka naa fafa nye dzitsinya\nKple ŋusẽ yeye nye gbɔgbɔ?\nAme kae naa nu nyui geɖem?\nMawu, ame si wɔ mí lae!\nStanza 3\nNye gbɔgbɔ, kpɔ agbe ma me ɖa,\nSi ƒe domenyila nènye;\nAfi si ŋutikɔkɔe sɔŋ le,\nÀkpɔ Mawu ƒe nɔnɔme.\nKpɔ ɖa, dzidzɔ sia wodo na wò\nTo Mawu ƒe dɔmenyo me.\nEsia ta Kristo va kpe fu ɖo,\nBena wò la, nàkpɔ xɔxɔ!\nStanza 4\nÐe nyemabu Mawu gã sia oa?\nAse 'ƒe dɔmenyo gɔme,\nÐe nyemase eƒe yɔyɔ oa?\nAzɔ mɔ, si wòafiam la, dzia?\nEƒe lɔlɔ̃nu le nye dzi me,\nSi ɖoa kpe eƒe nya dzi nam.\nMalɔ̃ nye Mawu nu sia ni,\nHanyevi sigbe nye ŋ'tɔ 'ne.\nStanza 5\nEsia enye eƒe lɔlɔ̃nu,\nBena nye hã mazu blibo.\nNe mewɔ eƒe didi sia dzi,\nEƒe Gbɔgbɔ anɔ menye.\nNe eƒe lɔlɔ̃ yɔ menye la,\nAdɔm ɖa be mawɔ nye ɖɔ.\nMada ƒu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me,\nKe nu vɔ̃ maɖu dzinye o.\nStanza 6\nO Mawu, na wò dɔmenyonyo\nNanɔ nye ŋkuwo me ɖaahe!\nWòado ŋusẽ nye didi nyuiwo,\nMana nye agbe wò blibo.\nWòafa 'kɔ nam le veveɣi me,\nAkplɔm le dzidzɔɣi me hã.\nLe nye gaƒoƒo mamlɛtɔ me\nAkpe ɖe ŋunye, maɖu dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-38\/","date":"2021-09-20T05:13:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00620.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961828589,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961828589439392}","num_words":267,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Hymn 193\nStanza 1\nAme si bla nu kple Yesu,\nEya kpɔa yayra vavãtɔ.\nAme si xɔ 'ƒe Gbɔgbɔ,\nEya ko akpɔ ŋusẽ hã,\nAnɔ eƒe lɔlɔ̃ la me.\nI: L'e-ƒe habɔbɔ me ɖaa. :I\nStanza 2\nAme ka dzea si 'ƒe bubu,\nSi nye etɔ le ɣaɣla me\nLe ŋutilɣgbe sia me?\nDziƒonuwo katã gɔ̃ hã\nMaɖi kɔ na luʋɔ tiatia,\nI: Si melɔ̃a nu egbɔ o. :I\nStanza 3\nLe dziƒofiaɖuƒe me la,\nNaneke mate ŋu adze\nMawu gã kɔkɔe la ŋu\nWu ame si ke wòlɔ̃, tia\nEye wòxɔe wɔ ɖeka kplii\nI: L'e-ƒe Gbɔgbɔ me la o. :I\nStanza 4\nMawu, se nye kukuɖeɖe,\nBe nàtsɔ dzi dzadzɛa-ɖe nam\nKpakple Gbɔgbɔ yeye hã\nBe mabla nu kpli wò tegbee,\nEye matsɔ dzidzɔ agbe!\nI: Xexe sia me nuwo keŋ! :I","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-193\/","date":"2021-09-27T07:52:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00642.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9938544035,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9938544034957886}","num_words":130,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nBubu kpl'a-kpedada míana\nMía Mawu si le dziƒo.\nEvea mía nu kpɔa mía dzi ɖaa,\nFu hã magawɔ mí o.\nTo Yesu me ko míedzea 'ŋu;\nAzɔ míekpɔ ŋutifafa,\nAʋawɔwɔ nu hã tsi.\nStanza 2\nMíeda 'kpe na wò, kafu wò,\nBe nèwɔ nu nyui na mí.\nMía Tɔ, si metrɔna o la,\nWò koe ɖua mía dzi dedie.\nWò ŋusẽ la sɔ gbɔ ŋutɔ;\nÀwɔ nu si nèlɔ̃ vavã.\nAƒetɔ nyuitɔ nènye!\nStanza 3\nWò, Yesu Kristo, Mawuvi,\nWòe nye míaƒ'aɔ̃vulela.\nWòe xɔ mí le nu vɔ̃wo si,\nWòe na mía ŋuti hã fa.\nMawu ƒe Alẽvi kɔkɔe,\nÐe míaƒe luʋɔ tso fu me,\nNe nàkpɔ mía nublanui.\nStanza 4\nGbɔgbɔ Kɔkɔe, akɔfala!\nWòe naa nu nyuiwo sɔŋ mí.\nLe Yesu Kristo ƒe ku ta\nÐe mí tso abosam si,\nKple mía xaxawo katã me;\nWò koe nye míaƒe sitsoƒe.\nMía ŋku le dziwò. Amen!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-25\/","date":"2021-09-20T05:11:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00286.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976350665,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976350665092468}","num_words":144,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NE AME vevi aɖe ku na wò kpɔ la, wò hã àse seselelãme vovovowo le ɖokuiwò me, àfa konyi, àtsi akogo, eye wɔna avɔ le ŋuwò. Ðewohĩ àdo dziku, anɔ fɔ bum ɖokuiwò, eye vɔvɔ̃ aɖo wò. Ànɔ ɖokuiwò biam gɔ̃ hã be ɖe agbea aganya nɔ na yea?\nMegblẽ be ame naxa nu o. Ke boŋ efia ale si gbegbe ame si ku la le vevie na wò. Ke hã ɖe wòanya wɔ be nàkpɔ akɔfafa aɖe si nu ne èle nu xam veviea?\nALE SI AME AÐEWO WƆ NƆ TE ÐE ENU\nTogbɔ be adze abe wò nuxaxa nu gbe tsotso hã la, nya siwo gbɔna ate ŋu afa akɔ na wò:\nMÈGAZI WÒ NUXAXA DZI O\nMenye amewo katãe xaa nu le mɔ ɖeka aɖe nu alo hena ɣeyiɣi ƒe didime ɖeka o. Ke hã avifafa ate ŋu ana vevesesea dzi naɖe vie. Vanessa, si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: \"Avi koe metsɔnɛ na; ɖeko medi be maɖe vevesesea dzi vie.\" Sofía, si nɔvinyɔnu ku kpata gblɔ be: \"Ne meɖo ŋku nu si dzɔ kple ale si mese le ɖokuinye me dzi la, ɖeko wòle abe abi si dze adru si klɔm wole ene. Vevesesea wua tsɔtsɔ na ame, gake ekpena ɖe abia ŋu wòkuna.\"\nƑO NU TSO ALE SI NÈLE SESEM LE ÐOKUIWÒ ME ŊU\nƔeaɖewoɣi la, àdi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga, eye megblẽ o. Gake nuxaxa nye agba kpekpe aɖe si wò ɖeka màte ŋu atsɔ o. Jared, si xɔ ƒe 17 si fofo ku ɖo ŋku edzi be: \"Megblɔa nye seselelãmewo na amewo. Nyemenya ne susu nɔa nya siwo megblɔna me ya o, gake edzɔ dzi nam be meƒo nu tso wo ŋu.\" Janice, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔ me gblɔ viɖe bubu si le ewɔwɔ nenema ŋu be: \"Ne èƒo nu tso eŋu na amewo la, ana wò dzi nafa. Mesena le ɖokuinye me be wose nu gɔme nam, eye nyemegatsia akogo o.\"\nLƆ̃ WOAKPE ÐE ŊUWÒ\nÐɔkta aɖe gblɔ be: \"Ame siwo dzi ku dzɔ ɖo kpata siwo lɔ̃na be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nakpe ɖe yewo ŋu la, tea ŋu nɔa te ɖe nuxaxa si vana le mɔ vovovowo nu la nu wu.\" Na xɔ̃wòwo nanya kpekpeɖeŋu si nèhiã; woadi be yewoakpe ɖe ŋuwò gake womanya ale si tututu woakpe ɖe ŋuwòe o.—Lododowo 17:17.\nTE ÐE MAWU ŊU\nTina gblɔ be: \"Esi kansa wu srɔ̃nye kpata la, nyemagate ŋu agblɔ nye dzimenyawo nɛ o, eya ta megblɔa nya sia nya na Mawu! Ŋdi sia ŋdi la, mebiana Mawu be wòakpe ɖe ŋunye le ŋkekea me. Eye ekpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu wu gbɔgblɔ.\" Tarsha si xɔ ƒe 22 esime dadaa ku la gblɔ be: \"Biblia xexlẽ gbe sia gbee nye nu si fa akɔ nam. Enana mekpɔa dzideƒonamenya siwo ŋu made ŋugble le.\"\nNƆ TSITRETSITSIA KPƆM LE SUSU ME\nTina yi edzi gblɔ be: \"Gbãa, tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa mefa akɔ nam o, elabe mehiã srɔ̃nyea eye ɖeviawo hã hiã wo fofo ɣemaɣi. Gake fifia le ƒe ene megbe la, melé mɔkpɔkpɔ sia me ɖe asi goŋgoŋ. Enye mɔkpɔkpɔ si lé nye agbe ɖe te. Mekpɔnɛ le susu me be magava kpɔ srɔ̃nyea, eye esia nana mekpɔa ŋutifafa kple dzidzɔ!\"\nEsia mefia be àdzudzɔ nuxaxa enumake o. Ke hã, nu si me Vanessa to ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Egblɔ be: \"Àsusu be mafa na ye gbeɖe o, gake ʋɛʋɛʋɛ la, nuxaxaa dzi aɖe akpɔtɔ.\"\nÐo ŋku edzi be togbɔ be nuxaxa le dzi me na wò hã la, susu nyuiwo li siwo ta wòle be nàyi edzi anɔ agbe. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, xɔ̃wòwo ate ŋu ana susu nyui naganɔ asiwò ɖe agbea ŋu. Eye eteƒe madidi o Mawu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Edi be nàgava wɔ atuu na wò ame vevia ake. Ɣemaɣi la, vevesese si le wò dzi me la nu ayi keŋkeŋ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2019-may-jun\/ne-w%C3%B2-ame-vevi-a%C9%96e-ku\/","date":"2021-10-16T04:03:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323583408.93\/warc\/CC-MAIN-20211016013436-20211016043436-00117.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995413661,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954136610031128}","num_words":644,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbe\nÈbia nya sia ɖokuiwò kpɔa, 'Tameɖoɖo kae le agbea ŋu?' Xlẽ nu tso ale si Biblia ɖo nya ma ŋu.\nÐe wòhiã be nàkpɔ dzesi tɔxɛ alo axɔ yɔyɔ tɔxɛ aɖe hafi anya tame si Mawu ɖo ɖe wò agbe ŋua? Kpɔ ale si Biblia ɖo eŋui ɖa.\nBiblia do ŋugbe be ame siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ate ŋu anɔ agbe tegbee. Kpɔ nu etɔ̃ siwo wòdi be míawɔ la ɖa.\nNanee wònye le ame mea? Ðe luʋɔ yia edzi nɔa agbe ne amea kua?\nMawu do ŋugbe be yeaɖo ŋku nuteƒewɔlawo dzi. Ðe wò ŋkɔ le \"agbegbalẽ la\" mea?\nKu\nAle si Biblia ɖo nyabiase sia ŋui faa akɔ na ame henaa mɔkpɔkpɔ ame hã.\nÐe kukuawo ganyaa nu siwo le edzi yima?\nMɔ ɖeka aɖe ko nue wòsɔ le be woaɖi ame kukuwoa?\nNe èɖu vɔvɔ̃ na ku dzi la, àte ŋu ase vivi le agbe me.\nÐe nya siawo ɖe ale si agbenɔnɔ le le ku megbe fia? Biblia me ŋutinya si ku ɖe Lazaro ŋu la kɔ nu me ku ɖe nya sia ŋu.\nNu ka tae Biblia gblɔ be \"kuɣi li\"?\nDziƒo Kple Dzo Mavɔ\nGɔmesese vovovo 3 ye le nya sia ŋu le Biblia me.\nAme geɖe susuna be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Nu ka tututue Biblia fia?\nÐe wohea to na ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ mea? Dzo mavɔe nye nu vɔ̃ ƒe tohehea? Kpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siawo ŋui ɖa.\nÐe ame nyuiwo ate ŋu ayi dzo mavɔ mea? Ðe ame ate ŋu ado tso dzo mavɔ mea? Ðe dzo mavɔ anɔ anyi tegbeea? Biblia ɖo nyabiase siawo ŋu.\n\"Tsiẽƒe ƒe safuiwo le\" Yesu si, gake dzota ya ƒe safui mele esi o?\nAfi si nufiafia sia dzɔ tso awɔ nuku na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nyabiase-siwo-ku-%C9%96e-agbe-kple-ku-%C5%8Bu\/","date":"2021-10-16T03:23:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323583408.93\/warc\/CC-MAIN-20211016013436-20211016043436-00495.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944350719,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944350719451904}","num_words":296,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 450\nStanza 1\nAƒetɔ, mekpɔ\nWò fiazikpui la ɖa,\nEye medi be,\nMatsɔ nye dzi kpakple\nNye agbe, si tim keŋ xoxo la,\nAna wò, ame si nye mía Fofo.\nStanza 2\nNu si mekpɔ le\nGbɔgbɔ me la, nyo ta;\nWòe nye ŋusẽtɔ,\n'Ya ta wò keli nyo!\nNye didi nye be, manɔ gbɔwò\nTso egbe sia xoxo lase tegbee.\nStanza 3\nKe wò Gbɔgbɔ fiam\nBe, nyemadza keŋ o;\nElabe nu vɔ̃\nGale ŋutinye fũ.\nEdze be, mawɔ ɖeka kpli wò,\nBe ŋunye nakɔ tso nu vɔ̃wo me.\nStanza 4\nKe nyemavɔ̃ le\nEsia ŋuti o.\nNye dzi kpɔ dzidzɔ,\nBe madze si esia.\nMasrɔ̃ nu azɔ le fuwo me,\nBe malɔ̃ wò vevie tso nye dzi me.\nStanza 5\nEnyo be, mekpɔ\nDziƒodu nyui la ɖa,\nMadze agbagba\nBe maɖo ta egbɔ.\nEye le ny'a-gbenɔɣi katã\nNyemaŋlɔ 'ƒe sikablɔwo be o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-450\/","date":"2022-01-28T11:37:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00644.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9937152267,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.993715226650238}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.305,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Samuel\nƒe agbalẽ gbãtɔ\n1\nSamuel dzidzi\n1 Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo. 2 Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o.\n3 Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas. 4 Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. 5 Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. 6 Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku. 7 Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu. 8 Srɔ̃a Elkana bianɛ be, \"Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?\"\n9 Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu vɔ la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli nɔ anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu. 10 Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa 11 eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, \"O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.\"\n12 Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu. 13 Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu. 14 Ale Eli biae be, \"Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.\"\n15 Hana ɖo eŋu gblɔ be, \"Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume. 16 Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.\"\n17 Eli gblɔ be, \"Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!\"\n18 Hana gblɔ be, \"Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.\" Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o.\n19 Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi. 20 Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, \"Yehowa si mee mebiae le.\"\nHana tsɔ Samuel na Mawu\n21 Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe. 22 Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, \"Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.\"\n23 Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, \"Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.\"\nAle Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. 24 Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo. 25 Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ. 26 Hana bia Eli be, \"Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa. 27 Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. 28 Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.\" Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1SA01.htm","date":"2022-05-19T11:23:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00605.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987094402,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987094402313232}","num_words":752,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nFilemon\n1\n1 Agbalẽ sia tso nye, Paulo si le ga me ɖe Kristo Yesu ta kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ,\nNa Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla 2 kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me.\n3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.\nAkpedada kple gbedodoɖa\n4 Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò, 5 elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kple ame kɔkɔeawo katã ŋu.\n6 Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo. 7 Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.\nPaulo ɖe kuku ɖe Onisimo ta\n8 Eya ta togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si dze be nàwɔ hã la, 9 medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegãxoxo kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ 10 mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii. 11 Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa. 12 Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii.\n13 Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi. 14 Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye. 15 Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee. 16 Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã.\n17 Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò. 18 Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye. 19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye! 20 Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me.\n21 Meŋlɔ agbalẽ sia na wò, elabena meka ɖe edzi be àwɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!\n22 Meɖe kuku be nàdi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa, eye woana mava mia gbɔ kpuie.\nGbedonamewo kple nyuidinamewo\n23 Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la do gbe na mi.\n24 Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.\n25 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/PHM01.htm","date":"2022-05-17T03:39:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00179.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980681539,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980681538581848}","num_words":588,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Salomo\nƒe Lododowo\nSusu si ta woŋlɔ Salomo ƒe lododowo ɖo kple nyati si dzi wotui ɖo\n1\n1 Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:\n2 na nunya kple amehehe,\nna nya goglowo g��mesese,\n3 hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,\nbe woawɔ nu si dzɔ,\nnu si le eteƒe kple nu si nyo,\n4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya\nkple sidzedze sɔhɛwo,\n5 nunyalawo neɖo to,\nne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu\neye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,\n6 be woase nunyalawo ƒe lododowo\nabebubuwo kple adzowo gɔme.\n7 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,\nke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.\nDzidede ƒo na amewo be woasrɔ̃ nunya\nNuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti\n8 Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃\neye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.\n9 Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta\nkple kɔga anɔ kɔwò.\n10 Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,\nmègalɔ̃ na wo o.\n11 Ne wogblɔ na wò be,\n\"Va kplɔ mí ɖo,\nna míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti,\nna míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,\n12 ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,\neye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene\n13 ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si\neye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee\n14 eya ta de mía dzi\nale be míana gakotoku ɖeka wò\" la,\n15 vinye, mègakplɔ wo ɖo o,\nmègaka afɔ woƒe toƒewo o\n16 elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu\neye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.\n17 Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo\nle wo katã ƒe ŋkume!\n18 Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ\nƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!\n19 Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,\nelabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.\nNuxɔxlɔ̃ amewo le nunyagbegbe ŋuti\n20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi\neye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.\n21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye\nle la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm\nle dua ƒe agbowo me be,\n22 \"Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?\nVa se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,\nbometsilawo alé fu sidzedze?\n23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,\nanye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi\neye mena mienya nye susuwo.\n24 Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,\nesi meke nye abɔwo me,\nmietsɔ ɖeke le eme o\n25 eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,\nhegbe nye mokaname ta la,\n26 nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta\neye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,\n27 ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,\ngbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene,\neye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!\n28 \"Ekema woayɔm gake nyematɔ o,\nwoadim gake womakpɔm o.\n29 Le esi wolé fu sidzedze\neye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,\n30 le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo\nhedo vlo nye mokaname ta.\n31 Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse\neye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo\n32 elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo\neye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.\n33 Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me\neye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/PRO01.htm","date":"2022-05-17T03:58:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993979931,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993979930877686}","num_words":557,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Amegbetɔwo ƒe amedzidzedze kple xexeame ƒe dzoxɔxɔ si dzi womeɖu o ana dugãwo nanyrɔ ɖe xexeame katã\nÁguas de Lindóia, le May 18, 2020 dzi\nƑutadu geɖewo le nyɔnyrɔm kabakaba wu alesi atsiaƒu ƒe kɔkɔme le dzi yim, le gbɔgbɔmeŋutega siwo tso ƒe 1975 me, siwo le edzi yim tso ƒe 2007 va ɖo ƒe 2022 me kple bubuawo nu…\nMíate ŋu ayi edzi anɔ mɔ aɖe dim be míatsɔ aɖo kpe kuxi siwo míele hehem vɛ na ɣletinyigba la dzi o, elabena míate ŋu agbugbɔ atsiaƒuwo aɖo eteƒe, míate ŋu aɖe xexeame ƒe dzoxɔxɔ dzi akpɔtɔ, míaƒo gbeɖuɖɔwo nu ƒu ahagbugbɔ wo awɔ dɔ nyuie wu, eye míaɖe carbon dioxide si dona le eme la dzi akpɔtɔ kaba.in yame ƒe nɔnɔme, emegbe egatrɔna yia mía ŋutɔwo kple míaƒe atsiaƒua gbɔ.\nŊutegaawo ku nu me tso dugã 200 siwo le anyigbagã vovovowo dzi ƒe nɔnɔme ŋu. Wozã ɣletivimefakaka ƒe mɔzɔzɔ le etsɔme kple ƒe 2007 kple 2020 dome la, ŋutegaawo de dzesi anyigba ƒe kɔkɔme ƒe tɔtrɔwo kple milimeta ƒe pɛpɛpɛ. Drɔ̃eawo ɖee fia be du geɖe le fu kpem le nuwɔna aɖe si woyɔna be subsidence, si nye anyigba ƒe gogloƒe ƒe nyɔnyrɔ le anyigba te ƒe akpa siwo le anyigba te ƒe nɔnɔmewo ta. Le wo dometɔ geɖe me la, tsi si woɖena le anyigba te gbɔe wòtso. alo tomenukuku to amegbetɔwo ƒe dɔwɔnawo dzi, si nye xexeame ƒe dzoxɔxɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo.\nXexeame ƒe dzoxɔxɔ: ƒutaduwo ƒe dzɔgbese nye 'viviti', Jucelino Luz xlɔ̃ nu\nXɔ kple mɔ siwo 'nyrɔ' la de dzesi dzoxɔxɔ si le Artik-nutowo me\nDu siwo nyrɔ dzixɔse ate ŋu ana numekɔkɔ nasu atsiaƒu siwo le dzi yim la dzi\nBlue area nyrɔna wu milimeta 10 ƒe sia ƒe.\nNe mede ɖeke o la, dugã 72 le nyɔnyrɔm wu sentimeta 1 ƒe sia ƒe, si nye atsiaƒu ƒe kɔkɔme ƒe dzidziɖedzi ƒe teƒe atɔ̃ – wo dometɔ aɖewoe nye Houston le United States, Kerala le India, kple Kobe le Japan, China, Indonesia, Philippines, si ƒe akpa aɖe tso Europa, . Afrika, Titina kple Anyiehe Amerika\nMíawɔ yame ƒe nɔnɔme ƒe wɔna aɖe le Brazil si adze egɔme tso May 16, 2022 dzi eye wòaxɔ vaseɖe August 10, 2022, afisi dzoxɔxɔ si le bɔbɔe ŋutɔ, sno ate ŋu anɔ mía si, dzikedzo ƒe ahomwo kple tsidzadza sesẽ ŋutɔ siwo me ya siwo wu 130 kms gaƒoƒo si ayi la anɔ mía si ɖoɖo ɖe dukɔa ƒe akpa vovovowo (si hea amesiwo ŋu wowɔ nuvevii geɖe vɛ) .\nEye ɣeyiɣi ma ke adzɔ le Europa Afrika, Asia, Titina Amerika kple Dziehe kple Anyiehe le ŋkeke ma ke si míeyɔ ɖe etame la dzi – gake dzoxɔxɔ si nu sẽ ŋutɔ, dzowo, ahomya, ahomya, ahomya kple ahomya, tsiɖɔɖɔ kple tsɔtsrɔ̃ anɔ anyi.\nŊutegakpɔla la xlɔ̃ nu be, ne ɖoɖoa yi edzi le alesi wòle fifia nu la, atsiaƒu ƒe kɔkɔme ƒe dzidziɖedzi ƒe kpɔɖeŋuwo mate ŋu agblɔ tsiɖɔɖɔ si ate ŋu adze du siawo me ƒe sesẽme ɖi nyuie o.\nProf. Jucelino Luz – numekula, agbalẽŋlɔla, nutomeŋutinunyala, ʋiʋlila kple gbɔgbɔmeɖaŋuɖola","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-27","url":"https:\/\/jucelinoluz.news\/2022\/05\/16\/amegbet%C9%94wo-%C6%92e-amedzidzedze-kple-xexeame-%C6%92e-dzox%C9%94x%C9%94-si-dzi-wome%C9%96u-o-ana-dugawo-nanyr%C9%94-%C9%96e-xexeame-kata\/","date":"2022-06-27T05:06:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-27\/segments\/1656103328647.18\/warc\/CC-MAIN-20220627043200-20220627073200-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994656444,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994656443595886}","num_words":481,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.306,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biabia\nAgbe avɔ su asiwòa?\nŊuɖoɖo\nBiblia gblɔ mɔ si me kɔ nyuie si dzi woato akpɔ agbe mavɔ. Gbã la, ele be míade dzesii be míewɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu: \"Elabena amewo katã wɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la megale wo ŋu o\" (Romatɔwo 3:23). Mí katã míewɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o, si wɔe be míedze na tohehe. Esi míaƒe nu vɔ̃wo katã ku ɖe Mawu mavɔ aɖe ŋu mlɔeba ta la, tohehe mavɔ koe sɔ gbɔ. \"Nuvɔ̃ ƒe fetu enye ku, ke Mawu ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ dzi\" (Romatɔwo 6:23).\nKe hã, Yesu Kristo, nuvɔ̃manɔsitɔ (Petro I, 2:22), Mawu ƒe Vi mavɔ la va zu amegbetɔ (Yohanes 1:1,14) eye wòku be yeaxe míaƒe tohehea. \"Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me: esime míegakpɔtɔ nye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta\" (Romatɔwo 5:8). Yesu Kristo ku le atitsoga la dzi (Yohanes 19:31-42), exɔ tohehe si dze na mí (Korintotɔwo II.5:21). Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Efɔ tso ame kukuwo dome (Korintotɔwo I, 15:1-4), si ɖo kpe edzi be yeɖu nuvɔ̃ kple ku dzi. \"Le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã la me la, ena míedzi yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me\" (Petro I. 1:3).\nTo xɔse me la, ele be míatrɔ míaƒe susu le Kristo ŋu - amesi wònye, nusi wòwɔ, kple nusitae - hena ɖeɖekpɔkpɔ (Dɔwɔwɔwo 3:19). Ne míetsɔ míaƒe xɔse ɖo Eyama dzi, míeɖo ŋu ɖe eƒe ku le atitsoga ŋu be wòaxe míaƒe nu vɔ̃wo ta la, woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye míaxɔ agbe mavɔ ƒe ŋugbedodo le dziƒo. \"Elabena Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe be wòtsɔ Via ɖeka kolia la na ale be ame sia ame si xɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ\" (Yohanes 3:16). \"Ne èʋu eme kple nu be, 'Yesu nye Aƒetɔ,' eye nèxɔe se le wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe\" (Romatɔwo 10:9). Xɔse ɖeɖeko le Kristo ƒe dɔ si wu enu le atitsoga la dzi koe nye mɔ vavã ɖeka kolia si dzi woato ayi agbe mavɔ me! \"Elabena amenuveve mee woɖe mi le, to xɔse me - eye esia menye mia ŋutɔwo ƒe nunana o, ke boŋ Mawu ƒe nunanae - menye to dɔwɔwɔwo me o, bene ame aɖeke nagaƒo adegbe o\" (Efesotɔwo 2:8-9).\nNe èdi be yeaxɔ Yesu Kristo abe wò Ðela ene la, gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Ðo ŋku edzi be gbedodoɖa sia alo gbedodoɖa bubu ɖe sia ɖe gbɔgblɔ maɖe wò o. Ŋuɖoɖo ɖe Kristo ŋu koe ate ŋu aɖe wò tso nu vɔ̃ me. Ðeko gbedodoɖa sia nye mɔ si dzi nàto aɖe wò xɔse ɖe edzi afia Mawu eye nàda akpe nɛ be ena wò ɖeɖekpɔkpɔ. \"Mawu, menya be mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò eye medze na tohehe. Gake Yesu Kristo xɔ tohehe si dze nam ale be to edzixɔxɔse me la, woate ŋu atsɔm akem. Metsɔ nye ŋuɖoɖo ɖe ŋuwò hena ɖeɖekpɔkpɔ. Akpe na Wò ɖe Wò amenuveve wɔnuku la ta kple tsɔtsɔke - agbe mavɔ ƒe nunana! Amen!\"\nÐe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi \"Mexɔ Kristo egbea\" ƒe dzesi si le ete la dzi.\nEnglish\nAgbe avɔ su asiwòa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.gotquestions.org\/Ewe\/Agbe-mave.html","date":"2022-12-02T22:51:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710916.70\/warc\/CC-MAIN-20221202215443-20221203005443-00495.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975336194,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975336194038391}","num_words":539,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eŋlɔla: Ɖelaɖem Ofosu | Voltaonlinegh.com|\nAƒetɔ Fifi Fiavi Kwetey ame si nye agbaledziglã na NDC dunyaheha bia tso dunyaheha la ƒe akametiwo gbɔ be woado ŋusẽ ha la ƒe gɔmeɖokpea , asrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la ŋu eye woaƒo wo ɖokui ɖe eƒe ŋgɔyiyi nyawo me bliboe bena dziɖuɖu si dim wole le akɔdada si le ŋgɔ na wo me la nasu wo si .\nAƒetɔ Fifi Kwetey ɖe nya sia gblɔ le dunyaheha ƒe ŋkeke etɔ̃ wɔna si woɖo anyi na woƒe akameti yeye siwo wotia le Amugã nutome ƒe wɔnawo me le Dzodze, si le Ketu Nyiehe nutome nyitsɔ Blaɖagbe.\nWotu takpekpe la ɖe tomenyati si nye \"Ŋusẽdodo gɔmeɖokpea hena dziɖuɖu le ƒe, 2024 me \" dzi eye wokpɔ mɔ be dunyaheha la ƒe akametiwo le Amugã nuto kple nuto suewo me la ado le agbɔsɔsɔ me, ade aɖaŋu tso nu siwo woate ŋu awɔ be zikpui siwo katã le sewɔtakpekpe me na Amugã nutoa la nasu ha la si. Woxɔe se hã be woato esia wɔwɔ me adzi dunyaheha la ƒe adodohehe le wɔna nyuiwo dede to me me le nutoa me la ɖe edzi.\nAƒetɔ Fifi Kwetey yi edzi bia tso dunyahehafalawo gbɔ be woatsɔ dunyaheha abe subɔsubɔ ene, ade bubu eŋu kple susu be ame bubuwo hã nate ŋu age ɖe wo dome be woate ŋu axɔ dukplɔzia le NPP dunyaheha sí.\nBubutɔ Dan Aboɖakpui, ame si nye zimenɔla na dunyaheha le Amugã nutome doe ɖe akameti yeyeawo gbɔ be woawɔ dɔ kutrikukutɔe hena dziɖuɖu hehe vɛ na dunyaheha la.\nSource: www.voltaonlinegh.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/voltaonlinegh.com\/fifi-kwetey-hl%C9%94-nu-volta-ndc-kametiwo\/","date":"2023-06-06T05:43:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224652235.2\/warc\/CC-MAIN-20230606045924-20230606075924-00470.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981407523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981407523155212}","num_words":256,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.309,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 15, 2004 Kuxi Siwo Le Vihehe me Egbea Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea? Domenyinu Xɔasitɔ Kekeake si Li Amekawoe Nye Anabaptisttɔwo? De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu Na Mawu Gbagbe La Nafia Mɔ Wò 'Efia Mí be Míade Bubu Yeƒe Subɔsubɔ Ŋu' Gilead Sukunuwulawo Dze Mɔ Yi Nuŋeŋedɔa Wɔƒe Dzonɔamemetɔe! Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040615\/","date":"2023-09-30T23:07:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510730.6\/warc\/CC-MAIN-20230930213821-20231001003821-00611.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980174899,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980174899101257}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔnu si wozãna tsɔ bua akɔnta le ati ƒe atrakpui ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ\nX\n- atrakpui ƒe ʋuʋu ƒe kekeme\nY\n- ʋuʋu ƒe kɔkɔme\nZ\n- Atrakpui ƒe kekeme\nF\n- ledge ƒe afɔɖeɖewo\nW\n- Afɔɖeɖe ƒe titrime\nC\n- afɔɖeɖewo katã ƒe xexlẽme\nC1\n- afɔɖeɖe ƒe xexlẽme le azɔlizɔzɔ si le anyime la dzi\nC2\n- Afɔɖeɖe siwo woatsɔ atrɔe ƒe xexlẽme\nɖeɖe fiã\nAkɔntabubu le atrakpui siwo dzi atrakpui siwo trɔna 90° le ŋu.\nAti atrakpui si dzi atrakpui siwo trɔna le la wɔnɛ be nàte ŋu akpɔ teƒe geɖe le aƒea me evɔ màbu alesi wòanɔ bɔbɔe eye wòawɔ dɔ nyuie o.\nNe èle akɔnta bum la, lé ŋku ɖe afɔɖeɖe siwo woatsɔ atrɔe ƒe xexlẽme si sɔ ŋu. Le nye nuteƒekpɔkpɔ me la, afɔɖeɖe 3 sɔ nyuie wu ne atrakpui ƒe kekeme nye sentimeta 80.\nGeɖe wu - afɔɖeɖeawo anɔ kpuie akpa eye le esia ta womavo o.\nNe atrakpuiawo tame koe ʋuƒoa le la, ekema kɔkɔme si le teƒe si woatrɔ ɖo hafi woaƒo xlãe la le vevie be woaƒo asa na abixɔxɔ le ta ŋu. Ele be wòadidi meta 2 ya teti.\nEsi wowɔe alea ta la, atrakpuiawo ƒe kekeme wɔa akpa vevi aɖe. Esi wònye be ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòanɔ bɔbɔe be woatrɔ afɔɖeɖewo dzi ta la. Zi alesi atrakpui la kekee - zi nenemae woate ŋu azã atrakpui geɖe evɔ womabu alesi wòanɔ bɔbɔe o.\nLe dɔ vovovo siwo wowɔ kple aɖaŋu vovovowo ta la, womebu akɔnta le atrakpui ƒe ʋuƒo si le ɖoɖowɔɖia me ŋu le mɔ aɖeke nu o eye womeɖee fia o.\nLe veviẽ!\nLé ŋku ɖe afɔɖeɖe siwo wotsɔ trɔa asi le wo ŋu ƒe lolome ŋu. Be nàkpɔ afɔɖeɖea ƒe didimewo - mègaŋlɔ be be yeatsɔ protrusion ƒe lolome akpe ɖe didime siawo ŋu o.\nKpe atrakpui ƒe akɔntabubu na meto vovo tso ati alo ga ƒe atrakpui ƒe akɔntabubu gbɔ o. Nu vevitɔe nye be nàbu afɔɖeɖeawo ƒe lolome nyuie. Ele be woƒe kɔkɔme nasɔ na eƒe akpawo katã.\nWobua akɔnta le atrakpuiawo ƒe nyonyo ŋu to mɔfiame si wotu ɖe afɔɖeɖea ƒe didime dzi dzi.\nAmegbetɔ ƒe afɔɖeɖe ƒe didime tso sentimeta 60 va ɖo 66, eye le mama dedie nu la, sentimeta 63.\nAtrakpui si dzi woate ŋu azɔ bɔbɔe la sɔ kple mɔfiame si nye: afɔɖeɖe 2 ƒe kɔkɔme + afɔɖeɖe ƒe goglome = 63±3 cm.\nAtrakpuiawo ƒe togbɛ si dzi wofa wue nye tso 30° va ɖo 40°.\nEle be atrakpuiawo ƒe atrakpuiwo ƒe goglome nasɔ kple afɔkpa ƒe lolome 45 - ne mede ɖeke o la, sentimeta 28-30.\nWoate ŋu axe fe ɖe goglome ƒe anyimanɔmanɔ ta to afɔɖeɖea ƒe dodo ɖe ŋgɔ me.\nEle be afɔɖeɖea ƒe kɔkɔme nade sentimeta 20-25.\nÐoɖowɔɖia ata atrakpui siwo dzi atrakpui siwo trɔna le siwo ƒe dzogoe kple didime veviwo le la ƒe nɔnɔmetatawo.\nNutataawo ɖe atrakpuiawo ƒe didime bliboa fia, wode dzesi atrakpuiawo tame le akplɔawo dzi, atrakpuiawo ƒe dzogoewo kple atrakpuiawo ŋutɔ ƒe didime veviwo.\nMele mɔ kpɔm be ɖoɖoa akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ wò ŋutɔ wò asiwo awɔ atrakpui aɖe na wò dzomeŋɔlixɔ alo aƒea ahawɔe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/lestnica3\/","date":"2023-10-04T13:12:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511369.62\/warc\/CC-MAIN-20231004120203-20231004150203-00301.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994832873,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994832873344421}","num_words":495,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le gɔmeɖoanyi gbadzɛa ŋuGblɔ didime siwo hiã le milimeta me\nY\n- gɔmeɖoanyi ƒe agbalẽvi ƒe didime\nX\n- slab ƒe kekeme\nB\n- gɔmeɖoanyia ƒe kɔkɔme bliboa\nZ\n- Lãmenugbagbeviwo ƒe didime\nW\n- Lãmenugbagbeviwo ƒe Kekeme\nD\n- Rebar ƒe didime\nR\n- ŋusẽdodo ƒe fli siwo le tsia dzi ƒe xexlẽme\nЕсли расчет арматуры вам не требуется, то оставьте это поле пустым.\nSiminti agbɔsɔsɔme si hiã be woatsɔ awɔ kɔkrit kubik-meta ɖeka la to vovo le go ɖesiaɖe me.\nEnɔ te ɖe siminti ƒe hatsotso, kɔkrit si do tso eme ƒe hatsotso si wodi, nusiwo wotsɔ yɔa eme ƒe lolome kple agbɔsɔsɔme dzi.\nM\n- siminti kotoku nenie hiã na kɔkrit kubik meta 1\nK\n- siminti kotoku ɖeka ƒe kpekpeme le kilogram me\nT\n- Formwork board ƒe titrime\nH\n- Board ƒe kekeme\nL\n- Board ƒe didime\nGblɔ ga si woatsɔ aƒle nuwo le miaƒe nutoa me.\nÐo ŋku edzi nàgbugbɔ akɔ akɔnta le nu gbogbowo ƒe asiwo ŋu be woaxee ɖe woƒe kpekpeme nu, ke menye le woƒe lolome nu o.\nGɔmeɖoanyi si me goglo o ƒomevi ɖekae nye gɔmeɖoanyi si wotsɔ kpe ɖeka wɔe.\nZi geɖe la, gɔmeɖoanyi sia tɔgbe nyea kɔkrit-gbadzɛ si wotsɔ kpe ɖeka wɔe, si le aƒea ƒe akpa bliboa te.\nLe nukpɔsusu si me agbawo ƒe tɔtrɔ manɔmee le slab gɔmeɖoanyia me gome la, wozãa teƒe ƒe ŋusẽdodo godoo le gbeɖiɖi bliboa me.\nWo dede bia be woazã kɔkrit kple ŋusẽdodo geɖe wu ne wotsɔe sɔ kple gɔmeɖoanyi ƒomevi siwo wozãna tsã eye le esia ta exɔ asi vie.\nNukae ɖoɖowɔɖi sia akpe ɖe mía ŋu míabu akɔnta?\nKɔkrit ƒe agbɔsɔsɔme si woatsɔ akɔ kpe gbadzɛae.\nNusiwo hiã hena kɔnkrit dzadzraɖo - siminti, ke, kpe si wogbã.\nTabla agbɔsɔsɔme si hiã na xɔmenuwo wɔwɔ.\nXɔtunuwo katã ƒe asi si wobu.\nGɔmeɖoanyia ƒe ŋusẽdodo nɔ te ɖe anyigba ƒe nɔnɔme kple dɔa dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/foundation_plate\/","date":"2023-10-04T12:37:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511369.62\/warc\/CC-MAIN-20231004120203-20231004150203-00319.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993362427,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993362426757812}","num_words":301,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nane Si Nyo Wu Ðɔɖɔɖo\nNE ATI aɖe tsea ku manyomanyo la, eƒe alɔ ʋɛ aɖewo lalã ɖa makpɔ kuxia gbɔ o. Ati bliboae wòle be woamu ahaho eƒe kewo le to me. Emegbe woado ati bubu si tsea ku nyui ɖe eteƒe.—Mateo 7:16-20.\nNenema kee nusiwo gblẽ le amegbetɔƒomea ŋu la ƒe dzesiwo—si ƒe ɖewoe nye nufitifitiwɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, agbemenuhiahiã veviwo manɔamesi, kple adzodada—ko gbɔe ɖɔɖɔɖotaʋlila siwo si taɖodzinu nyuiwo le la gɔ̃ hã tena kpɔna be yewoakpɔ. Gake nusi koŋ gbɔ wòtso la kpɔtɔ ƒo ke ɖe to sesĩe. Nuɖoanyi bliboae wòle be woatrɔ. Esia ƒe ŋugbee Biblia do.\nMawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziƒodziɖuɖu si awɔ nu geɖe—nu geɖe ŋutɔ—wu asitɔtrɔ le amegbetɔƒomea ŋu alo eƒe nanewo ɖɔɖɔɖo dzaa ko. Dziɖuɖu ma ato mɔnu yeye kura dzi akpɔ amegbetɔwo ƒe nyawo gbɔ, ahate ameƒomea katã aƒo ƒu ɖekae le eƒe dziɖuɖua te. Dziɖuɖu sia akpɔ nya siwo ku ɖe agbalẽsɔsrɔ̃, dɔwɔwɔ, aƒe, nunyiame, lãmesẽ, kple nutome ŋu gbɔ.\nPsalmo 72:12-14 ƒo nu tso nusi Mesia Fia la awɔ na ameƒomea ŋu le nyagblɔɖi me be: \"Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.\"\nGake ne ameƒomea avo tso nufitifitiwɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple agbemenuhiahiã veviwo manɔamesi me keŋkeŋ la, ke menye dziɖuɖua koe wòle be wòatrɔ o, ele be ameawo hã natrɔ. Le esia ta la, Fiaɖuƒea ana mɔfiame amesiame tso alesi wòanɔ agbe si me dzidzɔkpɔkpɔ le, si ŋu tameɖoɖo kple viɖe le, ŋu. Biblia do ŋugbe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ya akpe ɖe etevi siwo le anyigba dzi la ŋu be woaɖɔ wo ɖokui ɖo. To mɔ ka nu?\nFiaɖuƒea afia nu eteviwo tso Yehowa Mawu ƒe mɔwo ŋu, ahakpe ɖe wo ŋu woatu xɔse kple lɔlɔ̃ ɖo. (Yesaya 11:9) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa ame ƒe dzi be wòawɔ nusi hiã. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu do go Zaxeo, amesi nye nudzɔlawo ƒe amegã si nɔ adzɔ gãwo kam na amewo tsɔ nɔ eɖokui gbɔ kpɔmee. Yesu mezi dziɖuɖumegã sia dzi hedo ŋukpee be wòatrɔ eƒe mɔwo o. Ke boŋ Yesu kpe ɖe Zaxeo ŋu be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe vodada adze sii ahatrɔ dzime. Mawumegɔmeɖose kple lɔlɔ̃ na Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔe ʋã Zaxeo. Ewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo.—Luka 19:1-10.\nÐe ema menye ameƒomea ƒe kpododonuwo gbɔ kpɔnu si de ŋgɔ oa? Enye dzɔdzɔenyenye dziɖuɖu deblibo si akpɔ amegbetɔƒomea ƒe nyawo gbɔ ahaʋã amesiame be wòatrɔ eƒe mɔwo. Ðe míagahiã ɖɔɖɔɖowo ɣemaɣia? Magahiã o, elabena Mawu awɔ nuwo katã yeyee ɣemaɣi. Nu gbãtɔwo nu yi.—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]\nMawu ƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ blibo vɛ, ke menye be wòaɖɔ nanewo ko ɖo o\n[Nɔnɔmetata si le axa 11]\nEsime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpe ɖe amewo ŋu wowɔ tɔtrɔwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040408\/Nane-Si-Nyo-Wu-%C3%90%C9%94%C9%96%C9%94%C9%96o\/","date":"2023-12-04T20:04:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100534.18\/warc\/CC-MAIN-20231204182901-20231204212901-00748.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986024499,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986024498939514}","num_words":469,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusɔsrɔ̃ 40: Yehowa Tsɔna Kena Faa\nNe míewɔ nu gbegblẽ aɖe la, nu kae wòle be míawɔ be Yehowa nakpɔtɔ anye mía xɔlɔ̃?\nƉewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃\nKpɔ mɔ na ale si Kaleb awɔ aɖu dodokpɔ aɖe si dze ŋgɔe la dzi le video si ado kpuie la me.\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO\nBoblodofoto sia ɖoa ŋku ale si Yehowa tsɔa nuteƒewɔlawo ƒe vodadawo kea wo la dzi na mí. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi ahatae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/yehowa-ts%C9%94na-kena-faa\/","date":"2023-12-05T02:48:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100540.62\/warc\/CC-MAIN-20231205010358-20231205040358-00038.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9912265539,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9912265539169312}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.976,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Nèbuna Be Enye Dzidzedzekpɔkpɔ?\nAME geɖe bunɛ be Jesse Livermore ye nye Wall Street asitsaƒe gã la ƒe gasitsala gãtɔ kpɔdzidzedze si nɔ anyi kpɔ. Wonyae ɖe asitsatsa me nyametsotso nyui siwo wòwɔna ta. Esia wɔe be eƒo kesinɔnu gbogbo aɖe nu ƒu na eɖokui. Edoa awu siwo nyea dzi kple anyi tɔxɛ, siwo awutɔla bibiwo ɖeɖeko tɔna; aƒe gã aɖe, si me xɔnu 29 le lae nɔ esi, eye ʋu xɔasi, si nye Rolls-Royce yibɔ aɖe mee ye ŋutɔ ƒe ʋukula kɔnɛ ɖo.\nDavid * hã ɖoe be yeakpɔ dzidzedze nenema ke. Enye adzɔha gã aɖe, si nye agbalẽtaƒe gã aɖe, ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ kpakple dɔdzikpɔlagã, eye esusɔ vie wòava zu adzɔhaa ƒe dɔwɔƒe siwo le nuto aɖe me ƒe zimenɔla. Edi be kesinɔnu nasu ye si eye yeaxɔ ŋkɔ. Gake David vawɔ nyametsotso aɖe si wɔe be wòva ɖe asi le dɔa ŋu. Egblɔ be: \"Menyae be dɔdzikpɔlagã ƒe ɖoƒe magasu asinye gbeɖe o.\" Èsusu be vodadae wònye David wɔa?\nAme geɖe xɔe se be dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖe kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, alo gãnyenye dzi. Gake ame siwo kpɔa dzidzedze le ŋutilãme kura gɔ̃ hã gakpɔtɔ dea dzesii be nane hiã yewo kokoko, eye wokpɔnɛ be ehiã be yewoanya gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbe ŋu. Edze ƒã be nenemae wònɔ le Aƒetɔ Livermore hã gome. Togbɔ be kesinɔnu geɖe nɔ esi hã la, eƒe agbe me yɔ fũ kple dzigbãnyawo, afɔkuwo, kple konyifafa. Eléa blanui vevie, eƒe srɔ̃ɖeɖewo me gblẽ, eye ƒomedodo kplikplikpli menɔ woa kple viaŋutsuwo dome o. Mlɔeba, esi kesinɔnu geɖe bu na Aƒetɔ Livermore megbe la, gbe ɖeka, eyi ɖanɔ amedzrodzeƒe xɔŋkɔ aɖe ƒe ahanoƒe hefa konyi vevie le eƒe nunɔamesi siwo dome gblẽ la ta. Edze aha vivi aɖe henɔ nonom, emegbe eɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽ si ŋu wofa lãgbalẽ ɖo la do goe, eye wòŋlɔ nyuidiname ƒe nyatakaka ʋɛ aɖewo ɖe eme na srɔ̃a. Esiwòno ahaa vɔ la, etso hege ɖe xɔ si me amedzrowo ɖea woƒe awudziwu dana ɖo, si me tsyɔ vie la me, eye wòɖe ye ŋutɔ ƒe agbe ɖa nublanuitɔe.\nTogbɔ be nu siwo gbɔ ameɖokuiwuwu tsona gɔmesese sesẽna hã la, nudzɔdzɔ sia ɖe Biblia me nya siawo ƒe nyateƒenyenye fia, bena: 'Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, tsɔa nuxaxa geɖe ŋɔa wo ɖokui flofloflo.'—Timoteo I, 6:9, 10.\nÐe wòanye be ame siwo bunɛ be kesinɔnu, ɖoƒe, kple gãnyenye dzie dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖo la ƒe nuŋububu mesɔ oa? Ðe nèbua ɖokuiwò be nu dze edzi na ya? Nu ka tae nèbunɛ nenema? Nu ka dzie nènɔa te ɖo tsoa nya me le nu si tututu dzidzedzekpɔkpɔ nye la ŋu? Nu kae kpɔa ŋusẽ ɖe wò nukpɔsusu le nu si nye dzidzedzekpɔkpɔ ŋu dzi? Nyati si gbɔna adzro aɖaŋuɖoɖo aɖe si le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu ɣeyiɣi didi aɖee nye sia wokpɔa dzidzedze la me. Nà míakpɔ ale si wò hã nàwɔ akpɔ dzidzedzee ɖa.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070101\/Nu-Kae-N%C3%A8buna-Be-Enye-Dzidzedzekp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2023-12-05T01:34:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100540.62\/warc\/CC-MAIN-20231205010358-20231205040358-00272.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985167384,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985167384147644}","num_words":480,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Ðoa Gbedodoɖa Ŋu\nKornelio nye ŋutsu aɖe si bia Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ to gbedodoɖa vevie edziedzi me. Gawu la, ewɔ eƒe aʋafianyenye ŋudɔ nyuie. Biblia gblɔ be, 'ewɔ dɔmenyonu geɖewo' na amesiwo hiã tu.— Dɔwɔwɔwo 10:1, 2.\nLE ƔEYIƔI ma me la, Yudatɔ siwo xɔ se, trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, kple Samariatɔwoe nɔ Kristo-hamea me. Kornelio nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ eye menɔ Kristo-hamea me o. Ðe ema fia be eƒe gbedodoɖawo nye dzodzroa? Ao. Yehowa Mawu de dzesi Kornelio kple nusiwo wòdoa gbe ɖa hewɔna.—Dɔwɔwɔwo 10:4.\nTo mawudɔla ƒe mɔfiafia dzi la, Kornelio va ke ɖe Kristo-hamea ŋu. (Dɔwɔwɔwo 10:30-33) Ewɔe be mɔnukpɔkpɔ su eya kple eƒe aƒemetɔwo si be wova zu Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ siwo woxɔ ɖe Kristo-hamea me. Yehowa Mawu bu Kornelio ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔa be edze be woatsɔe akpe ɖe Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu. Ðikeke mele eme o be, ewɔ tɔtrɔ geɖe be eƒe agbenɔnɔ nasɔ bliboe kple Mawu ƒe dzidzenuwo. (Yesaya 2:2-4; Yohanes 17:16) Ele be Kornelio ƒe nuteƒekpɔkpɔa nade dzi ƒo na dukɔwo katã me tɔ siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu egbea. Xlẽ kpɔɖeŋu aɖewo kpɔ.\nEgbeŋkekeawo me Kpɔɖeŋuwo\nÐetugbi aɖe si le India hiã akɔfafa vevie ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ esi wòxɔ ƒe 21 eye vi eve nɔ esi. Gake le vi evelia dzidzi vɔ megbe teti la, srɔ̃ŋutsua ku. Kasia esi wòxɔ ƒe 24 la, ezu ahosi si si vinyɔnu si xɔ ɣleti 2 kple viŋutsu si xɔ ɣleti 22 nɔ. Eyata mewɔ nuku o be ehiã akɔfafa! Afikae wòakpɔe le? Etsɔ nuxaxa vevie do gbe ɖa le zã aɖe me gblɔ be: \"Dziƒo Fofo, taflatse fa akɔ nam to wò Nya la dzi.\"\nEsi ŋu ke la, amedzro aɖe va egbɔ. Enye Yehowa Ðasefo. Gbemagbe la, tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ la mevivi enu o elabena ame ʋɛ aɖewo koe na mɔe wòƒo nu na wo. Esi ɖeɖi te eŋu eye dzi ɖe le eƒo ta la, edi be yeayi aƒeme, gake ese le eɖokui me be yeayi aƒe ɖeka me hafi akpã. Afimae wòdo go ɖetugbi sia si nye ahosi la le. Ekpee be wòage ɖe eme eye wòxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe. Nyɔnua kpɔ akɔfaname tso agbalẽ ma xexlẽ kple numedzodzro kple Ðasefoa me. Esrɔ̃ nu tso ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsi tre kple Mawu ƒe Fiaɖuƒesi awɔ anyigbaa wòazu paradiso kpuie la ŋu. Vevietɔ wu la, eva dze si Mawu vavã, Yehowa, amesi ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòlɔ̃e.\nNora, amesi le George-dugã me le South Africa la tsɔ ɣleti ɖeka ɖo anyi be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Hafi wòadze egɔme la, edo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me vevie ŋu. Ame aɖe si ɖe amemabumabu fia Nora esi wòyi egbɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me la ƒe aƒe nɔ anyigbamama si wotsɔ nɛ be wòawɔ dɔ le eme la me. Nora tsɔ dzideƒo yi ɖe aƒe ma me ake. Nukutɔe la, ekpɔe be xɔhayala yeye si ŋkɔe nye Noleen ye ʋu va aƒea me. Gakpe ɖe eŋu la, Noleen kple dadaa doa gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoase Biblia gɔme. Nora gblɔ be: \"Esi metsɔ Biblia nusɔsrɔ̃ ɖo wo ŋku me la, edzɔ dzi na wo.\" Noleen kple dadaa wɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo kpakple evea siaa va kpe ɖe Nora ŋu wote gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmegbedadadɔa me.\nKpɔɖeŋu bubu si ɖe gbedodoɖa ƒe ŋusẽ fiae nye srɔ̃tɔ aɖe siwo le South Africa ƒe dugã si nye Johannesburg me. Dennis kple Carol ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me le ƒe 1996 ƒe Memleɖa aɖe ƒe zã me. Nu mamlɛtɔ si woɖo be yewoawɔ koe nye be yewoado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu, eye wonɔ esia wɔwɔ dzi vaseɖe esime zã tsi. Le ŋdi si kplɔe ɖo ƒe ga 11:00 me la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ na wo. Dennis yi ɖakpɔ amesi wonye hegblɔ na wo be woalala ne yeayɔ ye srɔ̃ vɛ. Dennis de se na Carol be ne eɖe mɔ na Ðasefoawo woge ɖe xɔa me la, asesẽ hafi yewoate ŋu anya wo adzoe. Carol ɖo ŋku edzi na Dennis be yewonɔ gbe dom ɖa hena kpekpeɖeŋu hegblɔ be ɖewohĩ esiae anye yewoƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo si Mawu le nanam. Eyata wona Ðasefoawo ge ɖe eme eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me. Dennis kple Carol kpɔ dzidzɔ vevie ŋutɔ ɖe nusi wosrɔ̃ la ŋu. Ŋdɔ ma ke la, wode kpekpe zi gbãtɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me. To sidzedze si su Dennis kple Carol si le Biblia sɔsrɔ̃ me tsɔtsɔ wɔ dɔe dzi la, wokpɔ ta na woƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo. Fifia wonye Yehowa kafula kpɔdzidzɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ eye woƒoa nu tso woƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi ŋu na wo haviwo.\nKe Ne Èsusu Be Yemedze Ado Gbe Ða O Ðe?\nDzianukwaretɔ aɖewo ase le wo ɖokui me be yewomedze ado gbe ɖa o le agbe gbegblẽ si yewonɔ ta. Yesu Kristo gblɔ ame ma tɔgbe si nye nudzɔla si woɖi gbɔ̃e ƒe ŋutinya. Esi ŋutsu sia ge ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ese le eɖokui me be yemedze ayi ɖe gbedoɖaƒea ŋutɔŋutɔ o. 'Etsi tre ɖe adzɔge ke ƒo akɔta gblɔ bena: \"Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!\" ' (Luka 18:13) Yesu gblɔ be, woɖo to ŋutsu sia ƒe gbedodoɖa. Esia ɖo kpe edzi be Yehowa Mawu nye nublanuikpɔla nyateƒe eye wòdina be yeakpe ɖe nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime vavã la ŋuti.\nDe ŋugble le sɔhɛ South Africa-vi aɖe si ŋkɔe nye Paul ŋu kpɔ. Esi Paul nye ɖevi la, ekplɔa dada ɖo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Gake esi wònɔ suku kɔkɔ dem la, eva te hadede kple sɔhɛ siwo mewɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi o. Esi wòdo le suku megbe la, eva ɖo South Africa ƒe vovototodedeameme dziɖuɖu si nɔanyi tsã la ƒe asrafowo me. Emegbe eƒe ahiãvi dzudzɔ zɔzɔ kplii esime menɔ mɔ kpɔm kura o. Agbenɔnɔ sia si me dzidzedzekpɔkpɔ mele o na Paul lé blanui ale gbegbe. Egblɔ be: \"Gbeɖeka fiẽ la, medo gbe ɖa na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu, togbɔ be nyemete ɖe Mawu ŋu kple dzi blibo alea kpɔ o ƒe geɖe enye ma hã.\"\nLe gbedodoɖa sia megbe kpuie la, Paul dada kpee be wòava Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia si woɖuna ƒe sia ƒe la ɖuƒe. (Luka 22:19) Ewɔ nuku na Paul be ye dada kpe ye le esi wònyae be yedze go eye yemetsɔ ɖeke le Biblia me boo o ta. \"Mebu amekpekpe sia be enye gbe si medo ɖa na Yehowa la ƒe ŋuɖoɖo hese le ɖokuinye me be ele be mawɔ nu ɖe eŋu.\" Tso ɣemaɣi dzi la, Paul dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã dede gɔme. Le Biblia sɔsrɔ̃ ɣleti ene megbe la, edze hena nyɔnyrɔxɔxɔ. Gakpe ɖe eŋu la, eɖe asi le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya si srɔ̃m wònɔ la ŋu hetia dɔ si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Egbea Paul nye amesi le dzidzɔ kpɔm eye eƒe agbenɔnɔ tsãtɔwo megana wòléa blanui azɔ o. Ele subɔsubɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa ƒe 11 enye si va yi.\nLe nyateƒe me la, Yehowa Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu le nublanuikpɔkpɔ me eye 'wònyea teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.' (Hebritɔwo 11:6) Eteƒe madidi o, Yehowa ƒe ŋkeke gã la aɖo eye wòahe vɔ̃ɖinyenyewo katã ava nuwuwui. Hafi ɣeyiɣi ma nava la, Yehowa le gbe si eƒe amewo le dodom ɖa be wòana ŋusẽ kple mɔfiafia yewo yewoatsɔ veviedodo awɔ ɖaseɖiɖidɔ vevia la ŋu ɖom na wo. Woto mɔ sia dzi le ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me la kplɔm va Kristo-hamea mee eye wotsɔ Biblia me sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la le wo yramee.—Yohanes 17:3.\n[Nɔnɔmetata si le axa 5]\nGbe si Kornelio do ɖa tso dzi me wɔe be apostolo Petro yi ɖe egbɔ\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nGbedodoɖa kpe ɖe ame geɖe ŋu le ƒukpekpe ƒe ɣeyiɣiwo me\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nEnyo be woado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu be woase Biblia gɔme\nSrɔ̃tɔwo ate ŋu ado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu si woatsɔ ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖee","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000301\/Mawu-%C3%90oa-Gbedodo%C9%96a-%C5%8Au\/","date":"2023-11-28T14:16:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679099514.72\/warc\/CC-MAIN-20231128115347-20231128145347-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987314343,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987314343452454}","num_words":1346,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO January 8, 2000 Atikewɔwɔ Gɔmetolawo Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe Ame Geɖe Va Le Atikewɔwɔ Kple Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe Tiam \"Magazine Nyuitɔ Kekeake Siwo Li\" Ameléle Sesẽe—Wotsɔe Le Ga Wɔmee le Xexeame Katã Ameléle Sesẽe—Asitsatsa Dziŋɔe Wònye Ameléle Sesẽe—Nusiwo Henɛ Vɛ Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia? Kpekpeɖeŋu Na Amesiwo Wowɔ Funyafunyae Kuxi Sesẽ Aɖe Na Vidada Siwo Ŋu AIDS Le Kɔnu Nyanyɛwo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Paya—Atikutsetse si me Wokpɔa Nu Vovovowo Tsona Vavã!","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20000108\/","date":"2023-12-05T22:28:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100568.68\/warc\/CC-MAIN-20231205204654-20231205234654-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990873337,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990873336791992}","num_words":76,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.185,"stopwords_ratio":0.118,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\n\"Kamedefefe Siwo Gbɔ Eme\"—Ðe Wòle Be Nàde Ðokuiwò Afɔkua Mea?\n\"LE ŊKEKE SIAWO ME LA, MÍA DOMETƆ GEÐE MEGANYEA NUKPƆLA DZRO KO O, MÍETSƆA XEXIGOLOWO DZONA LE YAMEƲU ME, TSƆA KA ÐIÐIA MÍA ÐOKUI TO TOWO ƑE ABUWO ŊU, TSƆA TƆDZIƲU FLƆA TSITSETSEWO EYE MÍEƑUA TSI KPLE AGBLOLUIWO.\"—NYADZƆDZƆGBALẼ SI NYE WILLOW GLEN RESIDENT.\nNYA siawo ɖɔ nuwɔna siwo va le bɔbɔm le kamedefefewo me. Alesi nuwɔna siawo abe dzodzo tso yameʋu me le yame, tsikpewo lialia, dzodzo kple xexiʋu to yame, kple dzodzo tso nu kɔkɔwo tame * ene va xɔ ŋkɔe la ɖe alesi xexeame doa vivi ɖe ameɖokui dede afɔku me nuwɔnawo ŋui fia. Wozãa snodzizɔʋuƒowo, toliagasɔwo, ʋuƒokekeviwo, kple kekefɔkpa si wotsɔna ɖia abu tso agakpe kɔkɔwo dzi hedzona toa ʋe globowo tame hã. Abe alesi Time magazine gblɔe ene la, alesi \"kamedefefe siwo gbɔ eme\"—si nye kamedefefe siwo me gomekpɔlawo dea wo ɖokui afɔkunuwɔnawo me—va le ŋkɔ xɔmee la ɖe alesi ame miliɔn geɖe di vevie be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe \"afɔkunu dziŋɔtɔ kekeake wɔwɔ mee fia, nuwɔna siwo me amesiwo kpɔa gome le eme kwasiɖanuwuwuwo kple amesiwo tsɔe ɖo dɔe siaa toa afɔku, aɖaŋu kple vɔvɔ̃ ƒe nuwɔna ƒokpliwo me ʋlina be yewoawɔe wòawu tsãtɔwo.\"\nGake zi alesi fefe gbɔme siawo le ŋkɔ xɔmee la, zi nenema ke wole nu gblẽm le amewo ŋui. Ame geɖe va le abi xɔm to kamedefefe siwo me afɔku mele boo o wɔwɔ wòagbɔ eme me. Le United States le ƒe 1997 me la, ʋuƒokekevi dola siwo nuvevi wɔ wòhiã be woakpɔ wo gbɔ kpata le kɔdzi dzi ɖe edzi wu alafa memama 33, sno dzi fefewɔlawo tɔ ɖo alafa memama 31, eye tolialawo tɔ nɔ alafa memama 20. Le kamedefefe bubuwo gome la, emetsonuawo gavloe wu kura, abe alesi wòdzena le kamedefefe si gbɔ eme wɔla siwo kuna ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi me ene. Kamedefefe siawo dzidelawo nya nu tso emefɔkuwo ŋu. Nyɔnu aɖe si kpɔa gome le tsikpedzifefe gbɔmewo me gblɔ be: \"Enɔa tame nam ɣesiaɣi be ku mee mele ɖokuinye demii.\" Snodziʋuƒodola bibi aɖe gblɔe kpuie be ne\"nuvevi mewɔa wò o la, ke mèle vevie dom nu abe alesi dze ene o.\"\nLe nyateƒe siawo ta la, aleke wòle be Kristotɔ nabu gomekpɔkpɔ le nuwɔna mawo tɔgbe mee? Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatso nya me le gomekpɔkpɔ le kamedefefe gbɔmewo ŋu? Ŋugbledede tso alesi Mawu bua agbe nu kɔkɔe ŋu ana míaɖo biabia siawo ŋu.\nAlesi Mawu Bua Agbee\nBiblia gblɔ na mí be Yehowa gbɔe \"agbedzɔƒe le.\" (Psalmo 36:10) Menye ɖeko wòwɔ mí ko o, ke ezã ŋuɖɔɖo blibo na nusiwo míehiã be míakpɔ dzidzɔ le agbe me hã mí. (Psalmo 139:14; Dɔwɔwɔwo 14:16, 17; 17:24-28) Eyata susu le eme be míaƒo nya ta be edi tso mía si be míalé be na nusi wòtsɔ na mí dɔmenyotɔe. Se kple gɔmeɖose siwo wòna Israel-dukɔa na míekpɔ esia dze sii.\nMose ƒe Sea bia be ame naɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ ame bubuwo ƒe agbe tae. Ne womewɔ esia o eye ame aɖe ƒe agbe tsi eme la, woabu amesi ate ŋu axe mɔ na afɔkua hafi la ʋufɔɖilae. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso xɔtɔ si be wòaɖo gli alo atɔ kpɔ kpui aɖe si nye xɔtaglikpɔ ɖe eƒe xɔ yeye tame. Ne mewɔe alea o eye ame aɖe ge tso xɔa tame heku la, eƒe aƒe aɖi ʋu fɔ. (Mose V, 22:8) Ne nyi aɖe tu dzo ame aɖe le vome wòku la, womabu fɔ nyia tɔ o. Gake ne wonya nyia be etua dzo ame, eye wogblɔe na nyia tɔ, gake mekpɔ edzi nyuie o, eye nyia tu dzo ame aɖe la, ekema nyia tɔ ɖi ʋu fɔ eye woate ŋu awui. (Mose II, 21:28, 29) Esi Yehowa bua agbe nu kɔkɔe ta la, eƒe Sea te gbe ɖe agbeléleɖete kple etakpɔkpɔ dzi vevie.\nMawu subɔla nuteƒewɔlawo nya be gɔmeɖose siawo ku ɖe ameɖokui dede afɔku me hã ŋu. Le Biblia me nudzɔdzɔ aɖe me la, Dawid gblɔ alesi 'vudo si le Betlexem me tsi' dzroe. Filistitɔwo tee Betlexem nɔ ɣemaɣi. Esi eƒe asrafowo se Dawid ƒe didia la, wo dometɔ etɔ̃ yi va ge ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsi le vudo, si le Betlexem la me vɛ na Dawid. Aleke Dawid wɔ nui? Meno tsia o ke boŋ ekɔe ɖe anyigba. Hegblɔ bena: \"Nye Mawu nena esia wɔwɔ [nade] megbe xaa tso gbɔnye! Ðe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu, si nye woƒe agbea? Elabena wotsɔ woƒe agbe ke hafi kui vɛ!\" (Kronika I, 11:17-19) Dawid bui be mesɔ be ame nade eƒe agbe afɔku me le yeƒe dzidzemekpɔkpɔ ta o.\nYesu wɔ nusia tɔgbe, esi anye le ŋutega aɖe me la, Abosam tee kpɔ bia tso esi be wòadzo tso gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe be mawudɔlawo axɔ nɛ be nuvevi mawɔe o hã. Yesu ɖo eŋu nɛ bena: \"Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!\" (Mateo 4:5-7) Ẽ, Dawid kple Yesu siaa kpɔe be mesɔ le Mawu ŋkume be woade ameɖokui afɔku si ate ŋu awui me madzemadzee o.\nEsi kpɔɖeŋu siawo le susu me na mí la, míate ŋu abia be, 'Aleke míawɔ ade dzesi kamedefefe si gbɔ eme alo esi me afɔku le? Esi wònye be woate ŋu awɔ modzakaɖenuwɔna bɔbɔ siwo me afɔku mele o gɔ̃ hã wòagbɔ eme ta la, aleke míawɔ anya afisi míakpɔ gome le wo me ase ɖo?'\nViɖe Kae Anɔ Afɔkunua Me?\nViɖe siwo anɔ fefe ɖesiaɖe si me míadi be míakpɔ gome le me dadakpɔ anukwareɖiɖitɔe ana míakpɔ ŋuɖoɖoa. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abia mía ɖokui be, 'Aleke gbegbe nuvevi wɔa amewo le kamedefefe sia mee? Ðe mexɔ hehe, alo nusiwo hiã be woatsɔ kpɔ ame ɖokui ta tso nuveviwɔame me le asinyea? Nukae adzɔ ne mege, nyemedzo nyuie o, alo ne ametakpɔnu si mazã do kpo nu? Ðe afɔkua magblẽ nu boo oa, alo ɖe wòate ŋu anye ŋkubiãnya alo ahe ku vɛa?'\nAme ɖokui dede modzakaɖeɖe si me afɔku le me madzemadzee ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ vavãtɔ kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasi kpakple eƒe dzedze hena mɔnukpɔkpɔwo le hamea me ŋu. (Timoteo I, 3:2, 8-10; 4:12; Tito 2:6-8) Edze ƒã be, ne Kristotɔwo le gome kpɔm le modzakaɖewɔnawo me gɔ̃ hã la, anyo be woabu Wɔla la ƒe nukpɔsusu le agbe ƒe kɔkɔenyenye ŋu la ŋuti.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 4 Wobu kamedefefe sia si me wodzona tso nu kɔkɔwo abe xɔwo, dzisasrãwo, kple kpo kɔkɔwo ene tame be afɔku le wo me ale gbegbe be United States Dukɔ ƒe Modzakaɖebɔ Dzikpɔdɔwɔƒe xe mɔ ɖe enu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001008\/Kamedefefe-Siwo-Gb%C9%94-Eme-%C3%90e-W%C3%B2le-Be-N%C3%A0de-%C3%90okuiw%C3%B2-Af%C9%94kua-Mea\/","date":"2023-11-28T12:49:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679099514.72\/warc\/CC-MAIN-20231128115347-20231128145347-00616.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990163445,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990163445472717}","num_words":1067,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènya Yehowa Ðasefowo Nyuiea?\nAme aɖe si le nu srɔ̃m tso nyadzɔdzɔŋɔŋlɔ ŋu le Denmark la ŋlɔ be: \"Mexlẽ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu, mese wobewobe aɖewo tso wo ŋu, eye mese ale si ame geɖe bua nazã ɖe wo ŋui hã. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe naneke medzɔa dzi nam o.\"\nEMEGBE nyadzɔdzɔŋlɔla sia bia gbe ƒome aɖe si me tɔwo nye Yehowa Ðasefowo. Aleke nuwo va yii? Eŋlɔ emegbe be: \"Zi gbãtɔ si meɖo afɔ wo ƒe me ko la, nye susu trɔ kura! Ðewohĩ amewo medze si wo nyuie o, alo ɖewohĩ míesea nyawo gɔme nyuie hafi drɔ̃a ʋɔnu o. Nenemae wònɔ le gonyeme. Meva kpɔe be mesɔ nenema kura o.\"—Cecilie Feyling, si ŋlɔa nu na nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Jydske Vestkysten.\nEsi adzɔnudzraƒe aɖe si ɖo nudzraƒe ɖe Europa ƒe teƒe vovovowo la ƒe amegã aɖe wɔ dɔ kple Yehowa Ðasefowo eteƒe didi ta la, egblɔ be wonye dɔwɔla siwo ɖia anukware. Eya ta edi be yeaxɔ Ðasefowo ɖe yewoƒe dɔa me.\nNu si koŋ amewo nya na Yehowa Ðasefowoe nye ale si woɖea gbeƒã na amewo. Ame aɖewo melɔ̃na be yewoadzro Biblia me kpli wo o, gake ame bubuwo hã dina be yewoaɖo dze kpli wo. Ame miliɔn adre kple edzivɔ sɔŋ ye Ðasefowo srɔ̃a Biblia kplii edziedzi le xexea me godoo, eye ame siwo wosrɔ̃ nu kplii la dometɔ aɖewo ŋutɔ hã va zu nufialawo hesrɔ̃a Biblia kple amewo. Le kpɔɖeŋu me, Sɔlemehawo ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe aɖe si le Amerika gblɔ be, le subɔsubɔha gã 25 siwo le dukɔ ma me dome la, Yehowa Ðasefowo hã le wo dometɔ 4 siwo ko me tɔwo le dzidzim ɖe edzi la dome.\nNu ka tae ame miliɔn geɖe dina be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli yewo? Aleke wosrɔ̃nɛ kple amewoe? Ðe wonɔa mɔ kpɔm be ame siwo yewole nu srɔ̃m kplii la hã nava zu Ðasefowoa? Ele be nàdi be yeanya nya mawo ƒe ŋuɖoɖo ya teti. Eya ta mègatsɔ amewo ƒe nya alo wobewobewo wɔ dɔ o, ke boŋ wò ŋutɔ ku nu me. Biblia gblɔ le Lododowo 14:15 be: \"Numanyala xɔa nya sia nya si wòse la dzi sena; ke nunyala nyae be, ele be yeakpɔ kpeɖodzi le wo ŋu.\"—The New English Bible.\nMíele mɔ kpɔm be Nyɔ! sia akpe ɖe ŋuwò nàdze si Yehowa Ðasefowo nyuie wu. Agbalẽ sia si ɖeɖe xlẽm nèle kura fia be èlɔ̃na faa be yease ame bubuwo ƒe susu. Ekema ɖe manyo be nàwɔe alea oa: Ne èle nyati ene siwo gbɔna kple aɖaka siwo le wo me la me nyawo xlẽm la, di mawunyakpukpuiawo le wò ŋutɔ wò Biblia me. * Nunya le esia me, eye abe ale si Biblia gblɔe ene la, efia hã be, 'èɖɔ ʋu.'—Dɔwɔwɔwo 17:11.—g10-E 08.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 7 Ne Biblia mele asiwò o, gake àte ŋu ayi Internet dzi la, ekema àte ŋu axlẽ mawunyakpukpuiawo le nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org. Àkpɔ aɖaka aɖe le afi ma, si ƒe tanyae nye: \"Read the Bible Online\" [Xlẽ Biblia le Internet dzi]. Azɔ hã, agbalẽwo le nyatakakadzraɖoƒe ma le gbegbɔgblɔ 380 kple edzivɔ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201010\/%C3%88nya-Yehowa-%C3%90asefowo-Nyuiea\/","date":"2023-12-09T16:23:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100912.91\/warc\/CC-MAIN-20231209134916-20231209164916-00734.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999574244,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995742440223694}","num_words":502,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo\nFɔlifɔfɔ Kple Tekalitete\nAsabudada, fɔlifɔfɔ, xaɖoɖo kple tekalitete míatsɔ aƒo Eʋeawo ƒe lãɖemɔnuwo ƒe nyati doŋgɔawo ta le nyati sia me.\nLe nyati siwo do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso lãɖemɔnu vovovowo ŋu. Anɔ eme be èganya bubuwo abe ʋãdada ene. Ne ènya ɖe la, ke na míanya ale be míaŋlɔe ɖe afi sia ale be wòaɖe vi na ame bubuwo.\nAzɔ na míakpɔ lãɖemɔnu ene mamlɛawo. Woawoe nye asabudada, fɔlifɔfɔ, xaɖoɖo kple tekalitete.\nAsabudada\nAsabu nye ɖɔ tɔxɛ si nu asabukpewo le si wodana wòtsyɔa tɔmelãwo dzi. Asabukpeawo ƒe kpekpe na ɖɔ la yia to hetsyɔa lãwo dzi. Ale si wowɔe na woyɔe be asabu.\nFɔlifɔfɔ Alo Mikpafɔfɔ\nTɔdɔ bubue nye afɔli, aɖɔɖe kple mikpa fɔfɔ. Woyɔa aɖɔɖe si le tagbamu me be mikpa eye woyɔa esi wofɔna le amugã kple atsiaƒu me be fɔli alo afɔli. Gake míagayɔ wo katã kpuie le nyati sia me ko be afɔli, fɔli, aɖɔɖe alo mikpa.\nEle na fɔlifɔla be wòado ɖi aɖo tsia gɔme ke afi si mikpa alo afɔliwo le. Atsa asi le anyigba le tsia me adi wo. Ne eƒe asi ka wo ko la, efɔnɛ abe etɔ̃ ene alo wu nenema hehona vaa dzi. Edaa wo ɖe gagba alo nugoe si le tsia dzi me. Egadoa ɖi la ake yia tɔa gɔme fɔnɛ. Enɔa esia wɔwɔ dzi va se ɖe esime nugoea yɔ. Egbɔna vaa aƒe ɖadzanɛ ho gbogboe.\nMikpa kple afɔli ɖe wòvivina ŋutɔ. Ƒu mele wo me o, eya ta wolɔ̃a tagbamu me tɔ yɔyɔ be mikpa, àte ŋu aɖui ahami zi ɖeka. Wotsɔnɛ tɔa kalamii alo ɖanɛ mumui. Evivina ŋutɔ.\nXaɖoɖo\nLãɖemɔnu bubue nye xaɖoɖo. Wotsɔa fɔ lɔ̃nɛ eye woɖea mɔnu ɖe eŋu afi si lãwo ato age ɖe eme. Woɖonɛ ɖe afi si lãwo le totom le tɔsisi nu eye ne woge ɖe eme ko la womegatea ŋu dona o.\nƔeaɖewoɣi la woɖonɛ ɖe gbe te le tɔsisi nu. Adeɣewo, akpawo, ƒãwo, gbolonuwo, klofiwo, adekɛwo te ŋu gena ɖe eme. Ɣeaɖewoɣi la dawo nyàa tɔmelãwo ɖe enu gena ɖe eme. Edzɔ ɖe dzinye kpɔ. Ɖeko mesi le xà la gbɔ.\nTekalitete\nLãɖemɔnu bubue nye tekalitete. Nyɔnuwo koŋue wɔa dɔ sia le tagbamu me. Wolãa deʋaya ƒe ɖɔmee sana ɖe wo nɔewo nu wòdidina, abe afɔ 80 ene. Ame evee tenɛ, ame ɖeka léa eƒe kɔtoe le afii eye ame evelia léa kɔtoe kemɛ. Wokplɔnɛ abe ale si wokplɔa ɖɔ le tagbamu me ene. Lãléla geɖe siwo ade 20 alo wu nenema nɔa tekalia yome. Ne lãwo abe akpa ene kpɔ tekalia gbɔna ko la, wovɔ̃na heɖoa agbi alo ba. Afi si woɖo agbia ɖo la ɖea dzesi, ale ame si ƒe akɔme wòɖo agbia ɖo la léa wo. Le nuto aɖewo hã me la, nyɔnuawo zãa ɖɔwo abe ale si wòdze le fotoa me ene.\nAme aɖeke mekpɔ mɔ ava nɔvia ƒe akɔme alé lã o. Wodea ka kusi si nu wode ɖɔkae sana ɖe woƒe ali le tsia me. Kaka nyɔnuawo nagbɔ le ɣetrɔ me la, woƒe kusiawo yɔna dzinadzina alo taŋtaŋ. Wonaa lã gbogbo ame eve siwo te tekali la. Woawo hã kpɔa wo tɔ gome sɔsɔe. Menye ga vie wokpɔna le dɔ sia me o.\nWoléa akpa, abɔyi, kple gbɔvilolo. Tekalikpawo nya kpɔna ŋutɔ.\nAkpa siwo nèɖuna ƒe geɖeawo nye tekalikpawo.\nƉo Ŋku Wo Dzi\nLãɖemɔnu ʋɛ siwo ŋuti míeƒo nu tsoe le nyati etɔ̃ siawo me gakpɔtɔ le vi ɖem na amewo le Eʋenyigba dzi eye ame kae nya ne wò hã àva hiã mɔnu siawo etsɔ. Esi wònye be ave dodo mesea dzogbe zuna o, eye amenɔƒe mesea glikpo zuna o ta la, anyo be nànya lãɖemɔnu vovovo siwo ŋuti míeƒo nu tsoe.\nTu xo na viwòwo alo nɔviwòwo. Na woanya nu tso Eʋeawo ƒe asinudɔwo kple dɔwɔnawo ŋu. Kokloxɔ xoxo mekpea ŋu na koklo o.\nLãɖemɔnu siwo ŋuti míeƒo nu tso la woe nye: (1) ƒudodo alo akpoŋdada, (2) agalãxɛɖoɖo alo agalãxaɖoɖo, (3) gbebublu alo tsibublu. (4) kpãɖoɖo, (5) atukpaxaɖoɖo, (6) asabudada, (7) ɖɔkpɔkplɔ, (8) fɔlifɔfɔ, (9) xaɖoɖo kple (10) tekalitete.\nMíava ƒo nu tso tɔsisi kple bubuawo ŋu le nyati bubuwo me.\nNumekula si ku nu me heƒo nyati siawo nu ƒu lae nye aƒetɔ Ɖela Dankwah, si nye Eʋegbeŋutinunyala kple gbegɔmeɖela bibi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/e%CA%8Beawo-%C6%92e-la%C9%96em%C9%94nuwo-f%C9%94lif%C9%94f%C9%94-kple-tekalitete\/","date":"2024-03-05T13:55:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971493483,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971493482589722}","num_words":688,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míeɖe Asi Le Ŋuwò\"\nDƆDZIKPƆLAWO yɔnɛ be Dɔnyo Dovevienu. * Aɖaŋu siwo wòto vae la he ga gbogbo aɖe vae na dɔwɔƒea le ƒe ade siwo me wònɔ afi ma. Eya ta esi woyɔ Dɔnyo va dɔmemegã aɖe ƒe ɔfis la, esusu be ga da ge wole ɖe fetu dzi na ye alo be ɖe wole ye do ge ɖe ŋgɔ. Gake nya si dɔmemegãa gblɔ nɛ wòdzee kpoe nye: \"Míeɖe asi le ŋuwò.\"\nDɔnyo ƒe mo koe ke dzo mia. Egblɔ be: \"Fetu si mexɔna la lolo, eye dɔa vivia nunye, gake kasia ko nu sia nu trɔ kpata.\" Emegbe esi Dɔnyo gblɔ nu si dzɔ la na srɔ̃a Ðelali la, eɖi ɖe eya hã. Egblɔ be: \"Ðeko nye ame bliboa ƒe lã me srẽ. Mebiaa ɖokuinye be: 'Ke aleke míele wɔwɔ ge fifia?'\"\nNu si dzɔ ɖe Dɔnyo dzi la tɔgbi dzɔ ɖe ame miliɔn geɖe dzi, abe ale si akɔntabubu si dze le nyati sia ƒe nuwuwu ɖee fia ene. Gake ne míaɖe akɔntabubuwo tɔ ɖe aga la, ale si gbegbe dɔ ƒe gege le ame si nana wotɔtɔna la mele gbɔgblɔ me o. Bu Raúl, si ʋu tso Peru va le dɔ wɔm le amedzrodzeƒe gã aɖe le New York City ƒe 18 ye nye ema, gake wova ɖe asi le eŋu kpata ŋu kpɔ. Raúl di dɔ, gake afi ka wòakpɔe le? Egblɔ be: \"Ƒe 30 kloe nye esia mekpɔ nye ƒomea dzi. Gake fifia mese le ɖokuinye me be mezu ŋutsu si do kpo nu.\"\nNu si me Raúl to la ɖe nane fia le ame siwo mekpɔ dɔ awɔ o la ŋu: eyae nye be, menye gakuxiwo koe dɔ ƒe gege le ame si hena vanɛ o. Zi geɖe la, àse veve le ememe ke. Dɔ ge le Akɔfa srɔ̃ Agbaglo si ƒe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ; eya hã gblɔ be: \"Meva se le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale ŋunye o. Ne naneke mele asiwò o la, amewo hã abu wò be mènye naneke o, eye eteƒe madidi o, wò ŋutɔ hã àva nɔ ɖokuiwò bum nenema ke.\"\nMenye ɖeko ame siwo ge ɖe dɔmakpɔwɔlawo ƒe fli me la tɔtɔna le wo ɖokui me o, ke boŋ kuxi bubu si me wotonae nye ale si woanɔ agbe ɖe ga vi si le wo si la nu. Dɔnyo gblɔ be: \"Esi ga nɔ mía si la, meva susu me na mí gbeɖe kpɔ be míanɔ agbe tsɛ o. Gake esi zazã mawo ke wɔwɔ hiã, gake míekpɔ dɔ le wɔwɔm o la, eva zu dzizizi na mí.\"\nEsi nèle dɔ dim la, ehiã be nànɔ te ɖe ale si nètɔtɔ le susu me hetsi dzimaɖi le dɔmakpɔwɔe ta la hã nu. Ahiã hã be nànɔ agbe ɖe ga vi si nèkpɔna azɔ nu. Gbã la, na míadzro mɔ eve siwo dzi nàte ŋu ato anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu la me.—g10-E 07.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo kplɔe ɖo me.\n[Akɔntabubu si le axa 3]\n(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)\nAme siwo mekpɔ dɔ awɔ o le dukɔ etɔ̃ pɛ ko me le ƒe 2008 me\nJapan 2,650,000\nSpain 2,590,000\nAmerika 8,924,000","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201010\/M%C3%ADe%C9%96e-Asi-Le-%C5%8Auw%C3%B2\/","date":"2024-03-01T10:52:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947475238.84\/warc\/CC-MAIN-20240301093751-20240301123751-00739.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982760549,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982760548591614}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lɛta Aɖe Si Tso Russia\nMɔzɔzɔ Yi \"Anyigba Ƒe Mlɔenu\"\nMÍAƑE yameʋua ho le Yakutsk eye vivivi la eɖo ya me bliboe le Tuymaada bali la tame ʋĩi. Míeto ta geɖe siwo zu tsikpewo, siwo ƒe dzedzeme kple lolome nɔ vovovo le anyime ɖaa la ŋu heva to Verkhoyanskiy, si nye togbaka siwo tame sno tsyɔ eye ŋdɔ klẽ ɖe wo dzi la tame. Esi míezɔ mɔ kilometa 900 megbe la, míeɖiɖi va dze ɖe Deputatskiy si nye kɔƒedu aɖe la me mlɔeba.\nEsiae nye nye mɔzɔzɔ yi Sakha Republic, si wogayɔna be Yakutia, ƒe nuto vovoawo, siwo dzeani evɔ wo me nɔnɔ sesẽ ŋutɔ eye wòlolo wu Ɣetoɖoƒe Europa bliboa katã, la ƒe gɔmedzedze. Enye nuto si me yame ƒe dzoxɔxɔ nyea Celsius 40 (105°F) le dzomeŋɔli eye wòte ŋu fana miamiamia dea Celsius -70 (-95°F) le vuvɔŋɔli, eye wòganye afi si lã klitsu siwo ku gbe aɖe gbe ʋĩi ke la ƒe akpa siwo kpɔtɔ li la bɔ ɖo. Togbɔ be ƒe geɖewo va yi tso esime meɖi tsa de nuto ma me zi mamlɛtɔ hã la, megaɖoa ŋku du suesuesue siwo dzi afu tsyɔ, kple dziehekaɖi keklẽ siwo le amadede vovovowo me, kpakple Yakuttɔ kako vividoɖeameŋulaawo katã dzi abe etsɔ ɖeka koe mekpɔ wo ene.\nMenye kɔƒedu si nye Deputatskiy ye nye míaƒe mɔzɔzɔa seɖoƒe o. Mía kple nye mɔzɔhati míeɖi tsa de kɔƒedu bubu aɖewo hã me. Kɔƒedu siawo ƒe gbãtɔe nye Khayyr, si le dziehe gome ɖaa abe kilometa 300 ene, eye wògogo Laptev Ƒu la le dziehe Siberia. Nu ka tae míeɖoe be míazɔ mɔa ɖo? Do ŋgɔ la, Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ɖi tsa de kɔƒedu siawo me eye wòke ɖe ame geɖe siwo di be yewoagasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋuti la ŋu. Mí ame siwo le Yakutsk, si gbɔ didi tso nuto ma gbɔ abe kilometa 1,000 ene lae te ɖe wo ŋu wu! Míese le mía ɖokui me be nuto ma me tɔwo hiã dzideƒoname kple kpekpeɖeŋu.\nEsi míeɖo Deputatskiy la, míekpɔ ŋutsu aɖe si nɔ ʋu kum yina Khayyr, eye wòlɔ̃ be yeakɔ mí axɔ ga vi aɖe ko le mía si. Esi míekpɔ eƒe ʋua, si wowɔ le keke Soviettɔwo ƒe dziɖuɣi lɔƒo ke, si do xoxo ŋutɔ la, eɖoɖo medzro mí kura o. Ke hã míetso nya me be míatee akpɔ, eye míeɖoe dze mɔ fiẽsi ma. Míenya nu siwo gbegbe me to ge míegbɔna la kura o.\nFafa wɔe be zikpui siwo le ʋua me la lia kpakoo abe tsikpe babla siwo le gota la ene, eye mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi míekpɔe be nenema ko nɔ ge woala o. Esi míekpɔ teƒe si ʋua ate ŋu atɔ ɖo ko la, míena ʋukulaa tɔ ʋua eye míetsa míaƒe agbawo me alɔtsɔtsɔe heɖe vuvɔmewu titriwo le wo me gbugbɔ do ɖe esiwo le mía ŋu xoxo la dzi. Gake gbeɖegbeɖea koe, vuvɔ ɖo lãme na mí hewɔ fu mí atraɖii.\nGake dzidzɔ ko kpɔm ʋukula sia si Dziehenuto sia me nɔnɔ ma nyuie la ya nɔ fɛɛ. Ebia mí le vo me be, \"Miekpɔ dziehekaɖi keklẽawo kpɔa?\" Nyemekpɔ wo kpɔ o, eya ta etɔ ʋua, eye míewɔ mínyamínya do le ʋua me. Enumake míeŋlɔ alesi gbegbe vuvɔa ɖo lãme na míi la be. Metsi tsitre ɖi ke nu ɖe te, eye nye nu ku le akaɖi keklẽ siwo nɔ amadede vovovowo me henɔ dzedzem abe avɔ aɖe mee wole ene, eye wonɔa ŋɔŋlɔm heganɔa kekem—si nye nukpɔkpɔ wɔnuku si nɔ dzedzem le mía tame pɛɛ ko—la ta.\nEmegbe le fɔŋli ƒe viviti sia me la, míaƒe ʋua va tsi sno me le mɔ sia si zu tsikpe la ƒe akpa aɖe. Míekpe ɖe ʋukulaa ŋu wòɖe ʋua do goe le snoa me—eye nu sia dzɔ enuenu—esi míenɔ mɔa zɔm ɖo ta Khayyr to mɔdodo siawo siwo woɖe to sno siwo li kɔ ɖi me la dzi. Ŋu va ke hafi mekpɔe be tɔsisi siwo bla hezu tsikpewo la boŋ ye \"mɔawo\" nye! Mlɔeba le gaƒoƒo 16 ƒe mɔzɔzɔ tso Deputatskiy megbe la, míeɖo Khayyr, le ŋdɔ me lɔƒo. Togbɔ be míesusui be vuvɔa me nɔnɔ hena ɣeyiɣi didi nenema ana míadze dɔ godoo hã la, míefɔ le lãmesẽ nyui me le ŋufɔke. Nye afɔbidɛwo koe ku yikpaa, anye snoawo ƒe fafa miamiamia tae. Kɔƒea me tɔwo na sisiblisi ƒe ami aɖem be matsɔ alili ɖe afɔbidɛawo ŋu.\nZi geɖe la, míawo ŋutɔe yia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me ɖagblɔa nya nyuia na wo. Gake le Khayyr afi sia la, ne kɔƒeduawo me tɔwo nya se míaƒe vava ŋu nya ko la, woawo ŋutɔwo boŋue va nɔa mía dim! Míesrɔ̃a Biblia kple dua me tɔwo gbe sia gbe hena kwasiɖa eve kple afã, eye ɣeaɖewoɣi la, míedzea egɔme ŋdi kanya va se ɖe zãtiƒe. Edo dzidzɔ na mí ŋutɔ be míedo go vividoɖeameŋula geɖe siawo siwo wɔa amedzro eye wotsɔa ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me. Nyɔnu tsitsi geɖe siwo le Yakut la gblɔ na mí be: \"Míexɔ Mawu dzi se. Nyateƒe si wònye be mieva mía gbɔ le afi sia, si nye anyigba ƒe mlɔenu la, ɖee fia be Mawu li vavã!\"\nNutoa me tɔwo ƒe nuwɔna geɖewo hã wɔ nuku na mí ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe ɖo snokpewo ɖe woƒe aƒewo xa abe nakewoe woƒo ƒu ɖi ene. Ɣesiaɣi si wohiã tsi la, ɖeko wotsɔa snokpeawo dometɔ ɖeka dea gaze gã aɖe me ɖoa dzo dzi be wòasre. Kɔƒea me tɔwo tsɔa Atik-ƒu la me lã si woyɔna be chir wɔa amedzroe na mí, eye evivina ŋutɔ ne wotsɔe wɔ stroganina, si nye nuɖuɖu si gbɔ nutoa me tɔwo melɔ̃a nu le o. Ne wonya ɖe lã la ko la, eliana, emegbe woflinɛ lɔbɔlɔbɔe hetiginɛ ɖe tadi si dze su nyuie la me heɖuna enumake. Edoa dzidzɔ na wo be woaɖo dze na mí tso blema nu kukuwo ƒe mamlɛawo, abe lã klitsu siwo nɔ anyi le blema ƒe tsyowo, kple blemati aɖewo siwo kpɔtɔ li va se ɖe fifia, siwo ŋu wokena ɖo zi geɖe le nuto sia me ene, la ŋu.\nEsi medzo le Khayyr la, mezɔ mɔ kilometa alafa geɖe ɖaɖe gbeƒã na ame siwo tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me la le Yakutia ƒe kɔƒedu bubuwo me, eye zi geɖe la, yameʋue meɖona. Aleke gbegbe ame siwo le afi ma la lɔ̃a ame hedoa vivi ɖe ame ŋue nye esi! Gbe ɖeka medo go ŋutsuvi sue aɖe si te ŋu de dzesii be mevɔ̃na na yameʋu ɖoɖo. Esi wòdi be yeade dzi ƒo nam ta la, eta nu ɖe agbalẽvi aɖe dzi tsɔ nam. Eta atsutsrɔe eve kple yameʋu sue aɖe eye wòŋlɔ kpe ɖe eŋu be: \"Sasha, ne eɖo yameʋu la, mèganɔ vɔvɔ̃m be yeava ge o. Mateo 10:29.\" Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ esime mexlẽ mawunyakpukpuia me nyawo! Yesu gblɔ tso atsutsrɔewo ŋu le afi ma be: \"Wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o.\"\nNu siwo wɔ dɔ ɖe dzinye le Yakutia la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue nye esia meƒo nu tso. Nuto sia si me vuvɔ wɔna le, si me nɔnɔ sesẽ la ayi edzi aɖo ŋku vividoɖeameŋula siwo ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi, siwo le \"anyigba ƒe mlɔenu\" nyateƒe la dzi nam ɣesiaɣi.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]\nYakuttɔwo doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa amedzro hã nyuie","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090601\/M%C9%94z%C9%94z%C9%94-Yi-Anyigba-%C6%91e-Ml%C9%94enu\/","date":"2024-02-25T02:34:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474573.20\/warc\/CC-MAIN-20240225003942-20240225033942-00253.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998965621,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989656209945679}","num_words":1204,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nAleke Mawɔ Azã Ga Nyuie?\n\"Nye fetu dzi ɖe kpɔtɔ, gake ɖeko zazãwo ya le dzidzim ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi menɔa ŋu le aba dzi nɔa ɖokuinye biam be aleke mele wɔwɔ ge akpɔ nye ƒomea dzi hã.\"—James.\n\"Ewɔna nam abe glie le mumum dze dzinye, gake sisiƒe aɖeke meli o ene.\"—Sheri.\nÀSE nya siawo tɔgbi le amewo nu zi geɖe ne ganyawo le sesẽm. Juan Somavia, si nye Xexea Me Dɔwɔnyawo Gbɔkpɔƒe ƒe amegã gblɔ le ale si ganyawo va le sesẽm le xexea me godoo ŋu be: \"Menye Wall Street koe ganyawo le sesẽm le o,\" eye wògblɔ kpee be: \"Ganyawo le sesẽm le afi sia afi.\"\nNe dɔ ge le asiwò kpata, alo ga meli nàkpɔ wò ƒomea ƒe nu hiahiã veviwo gbɔ o la, ɖewohĩ àtsi dzimaɖi ale gbegbe, eye mɔkpɔkpɔ gɔ̃ hã nabú ɖe wò. Biblia ŋlɔla David se le eɖokui me nenema kpɔ le agbe me. Edo gbe ɖa be: \"Nye dzimexaxawo do gã ɖe dzi, ɖem tso nye hiãwo me!\" (Psalmo 25:17) Nya kae Biblia gblɔ tso míaƒe ŋkekeawo ŋu, eye ɖe Mawu ƒe nya siwo le eme la ate ŋu ana míaɖe dzi ɖi, eye míaƒe susu me nafaa?\nNu Si Míawɔ Ne Nɔnɔmeawo Sesẽ\nBiblia gblɔe ɖi be, nu siwo ade dzesi xexe sia ƒe \"ŋkeke mamlɛawo\" ye nye nɔnɔme sesẽ siwo sɔ kple \"fuɖuame\" kpakple \"ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.\" (2 Timoteo 3:1; Mateo 24:8) Ðe nuwo mele dzɔdzɔm nenema tututu egbea oa? Gake mɔkpɔkpɔ le mía si, elabena Mawu to Biblia Kɔkɔe la dzi na míenya nu si míawɔ anɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu.\nLe kpɔɖeŋu me, Biblia kpena ɖe mía ŋu be míagabu ga ŋu fũu akpa o. Nyagblɔla 7:12, NW gblɔ be: \"Nunya kpɔa ame ta, abe ale si ko ga hã kpɔa ame ta ene; ke sidzedze ƒe viɖee nye be, nunya kpɔa ame siwo si wòle la ƒe agbe ta.\" Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.\nNu Si Míawɔ Ne Míeɖo Gakuxi Me\nDo vevie dɔ. \"Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.\" (Lododowo 13:4) Nusɔsrɔ̃ kae le nya sia me? Ði anukware, eye nàdo vevie dɔ. Ame siwo doa vevie dɔ la ƒe nue nyoa dɔtɔwo ŋu, eye zi geɖe la, woawoe nye ame siwo woxɔna ɖe dɔ me gbã kple ame siwo ŋu woɖea asi le mamlɛa.—Efesotɔwo 4:28.\nBu nu si nèbe yeaƒle la ŋuti akɔnta gbã. Yesu gblɔ be: \"Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã, akpɔ ɖa ne nu sɔ gbɔ ɖe esi be Luka 14:28) Togbɔ be ale si ame awɔ ava zu Yesu yome dzela ƒe nya gblɔmee wòle hã, nenema ke koe wòle le nuwɔna ŋutɔŋutɔ hã me. Eya ta nya ga si le asiwò, eye nàŋlɔ nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ kple ho neni si woaxɔ la ɖi.wòawu enu oa?\" (\nMègana numame gbegblẽwo nagblẽ ga dome na wò o. Numame aɖewo, abe tsatsadada, atama alo siga nono, atikezazã ɖe mɔ gbegblẽ nu kple aha tsu nono siaa nye nu gbegblẽ le Mawu ŋkume.—Lododowo 23:20, 21; Yesaya 65:11; 2 Korintotɔwo 7:1.\nTsri \"galɔlɔ̃.\" (Hebritɔwo 13:5) Dzi medzɔa galɔ̃lawo o, eye mɔkpɔkpɔ búna ɖe wo; le nyateƒe me la, 'wotsɔa vevesese geɖe ŋɔa wo ɖokuiwo flofloflo.' (1 Timoteo 6:9, 10) Gawu la, wova zua kluvi na woƒe didiwo, eye womevaa eme na wo hã gbeɖe o, elabena ne nu gabɔ ɖe wo si hã la, mesɔa gbɔ na wo o.—Nyagblɔla 5:10.\nSrɔ̃ ale si nàna nu nadze ŋuwò. \"Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o. Eya ta esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.\" (1 Timoteo 6:7, 8) Ne nu vi aɖe le ame si, eye wòdzea eŋu la, ekema ne ganyawo va sesẽ hã la, matsi dzimaɖi kakaka o. Eya ta srɔ̃ ale si nàwɔ nu vi si le asiwò la nadze ŋuwò.—Kpɔ aɖaka si le ɖusime.\nMía dometɔ aɖeke menya etsɔ me o. Nyagblɔla 9:11 gblɔ be \"azãgbe kple nuɖiɖeame\" vana ame sia ame dzi. Eya ta nunyalawo 'metsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ ziɔna ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu ŋu,' ame si do ŋugbe na nuteƒewɔlawo be: \"Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.\"—1 Timoteo 6:17; Hebritɔwo 13:5.—g10-E 05.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n● Nya kae Biblia gblɔ tso míaƒe ɣeyiɣiawo ŋu?—2 Timoteo 3:1-5.\n● Afi kae míakpɔ mɔfiafia si dzi míaka ɖo egbea la le?—Psalmo 19:8.\n● Aleke mawɔ aka ɖe edzi be nuwo ava nyo na nye ƒomea le etsɔ me?—Nyagblɔla 7:12.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 27]\nÐE ZAZÃWO DZI KPƆTƆ\nNuƒeƒle: Ŋlɔ nu siwo nàƒle la ɖi. Mègakpɔ nu sia nu ko nàbe yeaƒlee o. Di afi si woadzra nua le wòaɖi wu. Nu si hiã wò la ƒe asi neɖiɖi hafi nàƒlee. Ne anya wɔ la, ƒle nua wòasɔ gbɔ zi ɖeka.\nAƒemezazãwo: Xe tsife, dzofe kple bubuawo ɖe game dzi, ne woagado fe bubuwo kpee na wò o. Wò ŋutɔ ɖa nu nàɖu, eye mègaɖu nu alo ano aha muame fũu akpa o. Ne mèle dzo alo mɔ aɖe zãm o la, tsii. Ne anya wɔ la, zã mɔ siwo mezãa elɛktrikŋusẽ sɔgbɔ o. Fa aŋe ɖe elɛktrikkawo ŋu le aƒewò me. Kpɔe ɖa be ahiã be nàʋu aɖahaya xɔ si le sue wu hã.\nƲuɖoɖo: Ne ehiã be nàƒle ʋu la, ekema ƒle esi ŋu ŋusẽ le, eye mezãa ami sɔgbɔ o. Mehiã be wòanye ʋu yeye kokoko o. Ne anya wɔ la, ɖo ame bubuwo ƒe ʋu ɣeaɖewoɣi. Àte ŋu azɔ afɔ alo ado gasɔ hã. Ne èɖoe be yeaɖu mɔkeke le amedzrodzeƒe la, yi esime asia bɔbɔ, eye ɖewohĩ le teƒe si medidi akpa o.\nFon kple modzakaɖeɖe: Ne asitelefon le asiwò xoxo la, ɖe telefon bubu gahiã le aƒea mea? Ne asitelefon le viwòwo si la, ɖe wòle be woatrɔ asi le ezazã ŋu alo adzudzɔ ezazã kuraa? Ne television le asiwò, eye nèxea fe ɖe televisiondɔwɔƒe aɖewo léle ta la, ɖe nàte ŋu adzudzɔ dɔwɔƒe aɖewo léle, ale be gazazãwo dzi naɖe akpɔtɔa? Àte ŋu aɣe agbalẽwo axlẽ alo aɣe video akpɔ wu be wò ŋutɔ nàƒlee. *\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 26 Woɖo aɖaŋu bubuwo ɖe nyati siwo gbɔna me: \"Zã Wò Ga Nunyatɔe,\" si dze le April 2009 ƒe Nyɔ! me (yevugbe me tɔ, March 2009) kple \"Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Be Maganɔ Nu Sia Nu Ko Ƒlem O?\" si dze le June 2006 ƒe yevugbe me Nyɔ! me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201007\/Aleke-Maw%C9%94-Az%C3%A3-Ga-Nyuie\/","date":"2024-03-05T03:37:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948217723.97\/warc\/CC-MAIN-20240305024700-20240305054700-00871.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981563091,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981563091278076}","num_words":1056,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lãmesẽ Aflatovi Le Kpuie Do Gawu Aflatovi nye amagbe alo gbe aɖe si nyo na ɖuɖu kple atikewɔwɔ siaa Kpɔe Ɖa Defetsui Ƒe Viɖewo Sɔ Gbɔ Loo! Ati nyaɖia ƒe kee wokuna zã, eya ta ne ènya gbetikewo nyuie la, àte ŋu axɔ na ɖokuiwò ne ehiã Kpɔe Ɖa Hɔ̃sugogo Be Aklãdɔwo Neɖe Ke! Gbetikewo nyanya doa dzidzɔ na wòa? Ke nɔ afi sia vam ne nànɔ geɖe kpɔm. Kpɔe Ɖa","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/lamese\/","date":"2024-03-05T13:21:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00343.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991616011,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991616010665894}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.017,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.113,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?\nEtso Nyɔ! Ŋlɔla si le Japan Gbɔ\n\"Amesiame si tagbɔ li na vɔ̃a nukliaʋa, eye dukɔ sia dukɔ si me wowɔa mɔ̃ɖaŋu le la blaa akpa ɖe eŋu. Amesiame nya be enye tsukuku, eye dukɔ ɖesiaɖe doa taflatse aɖe le eta.\"—Carl Sagan, ɣletiviŋununyala.\nLE AUGUST 6, 1945, dzi la, Amerikatɔwo ƒe aʋawɔyameʋu aɖe da atɔm bɔmb ɖe Hiroshima, Japan, si wu ame gbogbo aɖewo hegblẽ nunɔamesi gbogbo aɖewo dome enumake. Esiae nye atɔm bɔmb gbãtɔ si wozã le aʋawɔwɔ me. Eƒe wowó tsrɔ̃ dugãa ƒe akpa si ƒe lolome xɔ teƒe gadza si nye kilometa 13, si me ame 343,000 nɔ la, keŋkeŋ. Xɔ siwo wu eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me gbã le dugãa me, ame 70,000 ya teti ku eye ne mede ɖeke o la ame 69,000 xɔ abi. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woda atɔm bɔmb evelia ɖe Nagasaki, eye wowu ame 39,000 eye ame 25,000 xɔ abi. Xɔ siwo le dua me ƒe afã kloe mu alo gbã. Womezã aʋawɔnu sẽŋu sia tɔgbe kpɔ le ameƒomea ƒe ŋutinyawo katã me kpɔ o. Xexeame trɔ. Eɖo nukliaɣeyiɣiwo me. Le ƒe ʋɛ aɖewo me la, United States, Soviet Union si nɔ anyi tsã, Great Britain, France, kple China wɔ haidrodzin bɔmb siwo gblẽa nu wu.\nDukɔwo Dome Nyaʋiʋli, si nye hoʋiʋli si nɔ Kɔmiunist dukɔwo kple dukɔ siwo menye Kɔmiunisttɔwo o dome, ƒlɔ dzo ɖe nukliaʋawɔnuwo kple wo damɔ̃ sesẽwo wɔwɔ te. Vɔvɔ̃ lé xexea esime wowɔ bɔmb siwo gbãa nu le duta (ICBM, le Eŋlisigbe me) ƒe tu siwo ate ŋu ana nukliabɔmb naɖagbã nu le dukɔ siwo gbɔ didi wu kilometa 5,600 me le miniti ʋɛ aɖewo, ke menye gaƒoƒowo o, ko me. Wolɔ nukliabɔmb gbogbo aɖewo siwo woada aɖo ɖe teƒe vovovo 192 de ƒugɔmeʋawɔʋuwo me. Wobu akɔnta ɣeaɖeɣi be bɔmb siwo woli kɔ ɖe nukliaʋawɔnudzraɖoƒewo la ade 50,000! Le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia me la, ameƒomea nɔ nusi ame aɖewo yɔ be nuklia ƒe Harmagedon—si nye aʋa si me dziɖula aɖeke manɔ o—si ate ŋu adzɔ la ƒe ɣeyiɣi me.\nDukɔwo Dome Nyaʋiʋli la ƒe Nuwuwu\nThe Encyclopædia Britannica ɖe nu me be le ƒe 1970-awo me la, Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia dzi ɖe kpɔtɔ 'abe alesi Aʋawɔnu Tɔxɛwo Dzitsotso Takpekpe ƒe nubabla I kple II, si me dukɔ sesẽtɔ eveawo ɖo seɖoƒe na bɔmb siwo wodana wòɖoa anyigbagã bubu dzi kple bɔmb tɔxɛ siwo me woate ŋu ade nukliaʋawɔnuwoe agbɔsɔsɔme si anɔ wo si la le.' Emegbe Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nu vanɔ fafam le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu, heva wu enu mlɔeba.\nŊutifafa si Carnegie Ate Ŋu Ade Dukɔwo Dome ƒe Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: \"Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ƒe nuwuwu na mɔkpɔkpɔ va li be nusiwo nukliaʋawɔnuwo ƒe hoʋiʋlia gblẽ ɖi kpakple United States kple Russia dome masɔmasɔ la ɖo eƒe nuwuƒe.\" Le agbagba siwo dzem wole be woaɖe asi le nukliaʋawɔnuwo ŋu ta la, wogbã nukliaʋawɔnudzraɖoƒe alafa geɖe le ƒe siawo me. Le ƒe 1991 me la, Soviet Union kple United States de asi Amedzidzeʋawɔnu Tɔxɛwo Dziɖeɖekpɔtɔ Kple Wo Ðeɖeɖa ƒe Nubabla te, si ƒoe ɖe dukɔ sesẽtɔ eve siawo, siwo si nukliaʋawɔnuwo le la, nu be menye ɖeko woaɖe woƒe bɔmb tɔxɛwo dzi akpɔtɔ ko o, ke boŋ, zi gbãtɔ le ŋutinya me la, wo dometɔ ɖesiaɖe naɖe bɔmb tɔxɛ siwo woglã ɖi hena dada la dzi akpɔtɔ va ɖo 6,000. Le ƒe 2001 ƒe nuwuwu la, akpa evea siaa gblɔ be yewowɔ ɖe nubablaa dzi heɖe yewoƒe nukliabɔmb tɔxɛawo dzi kpɔtɔ abe alesi yewo gblɔe ene. Gawu la, wolɔ̃ ɖe edzile ƒe 2002, Moscow Nubabla me be yewoaga ɖe wo dzi akpɔtɔ wòava nɔ 1,700 kple 2,200 dome le ƒe ewo si gbɔna me.\nGake togbɔ be woawɔ afɔɖeɖe siawo hã la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ be, \"le alesi ŋɔdzi le nukliaʋa ŋui ta la, menye ŋuɖeɖiɣi enye esia o.\" Egblɔ kpee be: \"Le ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze la, nukliaʋa gakpɔtɔ nye nu ŋutɔŋutɔ, kple nu dziŋɔ si ate ŋu adzɔ.\" Nublanuitɔe la, nuklia ƒe afɔku aɖe—si dzi ŋɔ wu esi dzɔ le Hiroshima kple Nagasaki—gakpɔtɔ nye ŋɔdzi na míaƒe ŋkekea. Amekawoe le ŋɔdzia dom? Vevietɔ wu la, ɖe woate ŋu aƒo asa nɛa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20040308\/Nuklia%CA%8Ba-%C3%90e-%C5%8A%C9%94dzi-Gakp%C9%94t%C9%94-Le-E%C5%8Bua\/","date":"2024-02-26T05:16:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474650.85\/warc\/CC-MAIN-20240226030734-20240226060734-00555.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988545179,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988545179367065}","num_words":675,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le ʋuƒoawo ƒe didime kple dzogoewo ŋu\nTsɔ didime siwo hiã la gblɔ le milimeta me\nX\n- aƒea ƒe kekeme\nY\n- xɔta ƒe kɔkɔme\nC\n- overhang ƒe lolome\nZ\n- didime tso ʋuƒoa ƒe go kemɛ dzi va ɖo aŋea ƒe gɔmedzedze\nB\n- Rafter ƒe Kekeme\nɖeɖe fiã\nWomate ŋu awɔ xɔtaxɔwo tutu ne wometsɔ xɔtunuwo ɖo xɔta o.\nNe wotsɔ gable xɔtaxɔe wɔe la, ebia be woabu akɔnta le xɔtaxɔeawo ƒe lolome, dzogoe siwo dzi wotsoe kple esiwo me woɖe do le ŋu.\nWotrɔ asi le rafter akɔntabubu ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu na esia.\nLe aƒea ƒe kekeme nu la, wobua akɔnta le aƒea ƒe kɔkɔme tso gɔmedzedze vaseɖe xɔa tame ƒe togbɛ kple xɔa tame ƒe kekeme, atikpoa ƒe didime, didime si le xɔa tame.\nÐoɖowɔɖia ata atikpoa ƒe nɔnɔmetata si ƒe didime le hã. Esia aɖe vi na amesiwo ɖoe be yewoatsɔ yewo ŋutɔ yewoƒe asiwo awɔ xɔgbakpewo koŋ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/roof\/","date":"2024-04-16T22:54:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817112.71\/warc\/CC-MAIN-20240416222403-20240417012403-00609.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993546605,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993546605110168}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.272,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Akɔntabubu le nusiwo woatsɔ awɔ kɔkrit ƒe asigɛwo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu\nGblɔ didimewo le milimeta me\nD\n- Kɔnkrit ƒe asigɛ ƒe didime\nA\n- Gli ƒe titrime\nH\n- Kᴐkᴐme\nWotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòabu akɔnta le nuwo kple kɔkrit ƒe asigɛwo ƒe lolome ŋu.\nWobua kɔnkrit ƒe lolome, asigɛa ƒe lolome ememetɔ kple eƒe didime, ŋusẽdoame ƒe ʋuƒoa ƒe didime kple eƒe lolome.\nWozãa kɔkrit ƒe asigɛwo tsɔ tua vudowo kple tsiɖɔɖɔɖɔƒewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/concrete_ring\/","date":"2024-04-23T01:07:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296818452.78\/warc\/CC-MAIN-20240423002028-20240423032028-00023.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996534586,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996534585952759}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.126,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mateo 1:19\n19 Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o.\nGet the App!\nDownload the FREE Bible.is app for your iPhone, iPad, or Android device.View in the\nApp Store","id":"","dump":"CC-MAIN-2013-20","url":"http:\/\/www.bible.is\/EWEIBS\/Matt\/1\/19","date":"2013-05-26T03:25:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2013-20\/segments\/1368706578727\/warc\/CC-MAIN-20130516121618-00056-ip-10-60-113-184.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9946253896,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9946253895759583}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu Hame Vavã\n\"Yesu Hame Vavã\" (True Jesus Church) la enye subɔsubɔ hame faa si woɖo le \"Beijing\", \"China\" le ƒe 1917 me. Egbe la, ame abe miliɔn ɖeka kple afã tso dukɔ blaene vo atɔ̃ me le ha sia me. Hamea, si do ha kple Kristo subɔsubɔ hawo si woyɔna be \"Pentecostal\" la, dze egɔme abe ƒe alafa ɖeka enye si. Woɖo ha sia ɖe Ghana le ƒe 1985 me. Woƒe ɖoɖo enye be yewoa gblɔ mawunya na dukɔwo katã hafi Yesu na ga trɔ ava zi eveliae. Hamea ƒe xɔse vevietɔ ewoawo enye:\n- Gbɔgbɔ Kɔkɔe - Gbevovowo gbɔgblɔ nye ɖeɖefia be miéxɔ Gbɔgbɔ Kokoe, eye wonye ŋugbedodo nami be mianyi Dziƒofiaduƒe la ƒe dome.\n- Tsitadede - Mawutsideta kple tsi eya enye nuvɔtsɔtsɔke kple agbeyeye nɔnɔ ƒe sakramento. Wodena mawutsita kple tsigbeagbe, abe tɔsisi, atsiaƒu, alo kpetome tɔlɛ. Mawutsitadela, amesi xɔ mawutsideta xoxo tó tsi kple Gbɔgbɔ KɔKoe me la, eyae dena mawutsita le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Edze bena amesi le mawutsideta xɔm la woanyrɔe blibo ɖe tsi me, eƒe mo nanɔ anyigba kpɔm.\n- Afɔ kɔklɔ - Afɔ kɔklɔ ƒe sakramentoe nana be miwɔna ɖeka kple Yesu Kristo. E zuna abe ŋukuɖoɖonudzi nami be lɔlɔ, kɔkɔenyenye, ɖokuibɔbɔ, tsɔtsɔke, kple amenuveve nanɔ miasi. Edze be amesiame sixɔ mawutsideta tó tsi me la, woaklɔ afɔ nɛ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Miawɔ Afɔklɔ na mianɔewo gasiagame ne miekpɔ bena ehiã.\n- Nuɖuɖu kɔkɔe - Kɔminio Kɔkoe nye sakramento, si mietsɔna ɖoaŋku miaƒetɔ Yesu Kristo ƒeku dzi. Tó eyamee miexɔna Aƒetɔla ƒe ŋutilã kple Ʋù be miawɔɖeka kplii, be miakpɔ agbemavɔ, eye miafɔ le ŋkeke mamlea dzi. Woawɔ sakramento sia enuenu zi alesi dze. AbolomaƲamaƲa ɖeka kple vɛtikutsetse ƒe tsi koe wazã\n- Sabat - Sabbath, sinye ŋkeke adrelia le kɔsiɖa la me la nye Ŋkeke Kɔkoe si Mawu yra eye wowoe kɔkoe. Woduna Sabbath tó Mawu ƒe amenuveve me, be miado kɔkɔ Mawu ƒe nuwokata wɔwɔ kple agbemavɔ dzi, kple dzideƒo bena agbemavɔ na tumi le agbesigbɔna la me.\n- Yesu Kristo\n- \"Biblia Kɔkɔe\" or \"Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe\"\n- Ɖeɖe\n- Kristo hame\n- Afiatsoso mamlea","id":"","dump":"CC-MAIN-2013-20","url":"http:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Yesu_Hame_Vav%C3%A3","date":"2013-05-19T22:07:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2013-20\/segments\/1368698090094\/warc\/CC-MAIN-20130516095450-00008-ip-10-60-113-184.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994891286,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994891285896301}","num_words":333,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ ɖe xexeame egbea, eye amewo daa fɔbubu gbogbo aɖe ɖe Mawu dzi vodadatɔe. Gake nufiame fakɔname aɖe le Biblia me na mí—be \"Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.\" (Psalmo 37:28) Le akpa sia míava kpɔ alesi wòɖe nya siawo ƒe nyateƒenyenye fiae eye wòto esia me na mɔkpɔkpɔ ameƒomea katã.\nLE AKPA SIA\nTA 11\nAleke Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye nye nɔnɔme lédziname aɖe ŋutɔ?\nTA 12\nNe Yehowa lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ la, ke nu ka tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe xexea me ɖo?\nTA 13\nAleke sededewo ate ŋu ana amewo nalɔ̃ wo nɔewo?\nTA 14\nNufiafia bɔbɔe sia si le vevie ŋutɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋuWEB:OnSiteAdTitleYehowa Na 'Tafe Ðe Ame Geɖewo Ƒe Xɔxɔ Ta'\nTA 15\nAleke Yesu do dzɔdzɔenyenye ɖe dzi le blema? Aleke wòle ewɔm fifia? Aleke wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ le etsɔ si gbɔna me?\nTA 16\nNu ka tae Yesu xlɔ̃ nu be: \"Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o\"?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/te-%C9%96e-yehowa-%C5%8Bu\/dz%C9%94dz%C9%94enyenye\/","date":"2017-12-15T18:50:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948577018.52\/warc\/CC-MAIN-20171215172833-20171215194833-00673.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965467453,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996546745300293}","num_words":157,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BU NYA SIA ŊU KPƆ: Èle tsa ɖim le blemanudzraɖoƒe aɖe si ŋkuɖodzinu xoxowo sɔ gbɔ ɖo. Do suesuesuewo le geɖe ŋu, wodo xoxo eye woƒe afi aɖewo gblẽ. Ðewo hã ƒe akpa aɖewo ka. Gake naneke megblẽ le wo dometɔ ɖeka aɖe ya ŋu kura o; ele abe ale si ko wònɔ hafi wotsɔe va afi ma ene. Eya ta èbia ame si kplɔ wò le tsatsam la be: \"Nu yeye esia ya nyea?\" Eɖo eŋu be: \"Ao, eli xoxoxo do ŋgɔ na bubuawo gake megblẽ woɖɔe ɖo kpɔ o.\" Eya ta ègabia be: \"Ðe wotsyɔ nu eŋua?\" Eɖo eŋu be, \"Ao, esia boŋue nɔ ya nu eye tsi ƒoe zi geɖe. Eye ame gblẽku geɖe hã te kpɔ be yewoagblẽ edome hafi.\" Ðewohĩ awɔ nuku na wò nàbia ɖokuiwò be, 'Ke nu kae wotsɔ wɔ eya ya?'\nMíagblɔ be Biblia le abe ŋkuɖodzinu tɔxɛe ma ene. Eli eteƒe didi eye wotsi wu agbalẽ bubu geɖe. Gake blemagbalẽ bubuwo hã li ya. Abe ŋkuɖodzinu siwo dome gblẽ ene la, agbalẽ xoxo geɖewo hã dome gblẽ esi ɣeyiɣiawo va le yiyim. Le kpɔɖeŋu me, nya siwo wogblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu hã megasɔ kple nu siwo míenya tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu fifia siwo ŋu kpeɖodziwo le la o. Afɔku le aɖaŋu siwo woɖo ku ɖe atikewɔnyawo ŋu la ŋu, eye womate ŋu aɖe vi na mí o. Azɔ hã blemagbalẽ geɖewo vuvu eye woƒe kakɛ aɖewo koe susɔ.\nGake Biblia ya to vovo kura. Togbɔ be wodze emenyawo ŋɔŋlɔ gɔme ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi hã la, Biblia li dedie. Eye togbɔ be wodze agbagba zi geɖe le ƒe alafa gbogbo siwo va yi me be woatɔ dzoe, aɖo asi edzi eye womebui ɖe ɖeke me o hã, emenyawo gade pɛpɛpɛ. Le esi míabu Biblia be edo xoxo teƒe la, Biblia ŋutɔ gblɔ nu wɔnuku geɖe siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖi boŋ.—Kpɔ aɖaka si nye \"Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxo Alo Wodo Ŋgɔ Na Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?\"\nMƆFIAME SIWO ÐEA VI EGBEA\nÀbia be 'Ðe Biblia ƒe nufiafiawo gasɔ egbea nyateƒea?' Be nàɖo nya sia ŋu la, bia ɖokuiwò be: 'Kuxi sesẽ kawo me tom amegbetɔwo le egbea? Wo dometɔ kawoe dzi ŋɔ wu?' Ðewohĩ wò susu ayi aʋawɔwɔ, ɖiƒoƒo yame, nu vlo wɔwɔ alo nu fitifiti wɔwɔ dzi. Azɔ na míade ŋugble le nufiafia vevi aɖewo siwo le Biblia me la ŋu. Ne míele eme dzrom la, bia ɖokuiwò be, 'Ne amewo wɔ ɖe mɔfiame siawo dzi la, ɖe nuwo made mía dzi le xexea me wu oa?'\nALE SI MÍALƆ̃ ŊUTIFAFA\nNUBLANUIKPƆKPƆ KPLE TSƆTSƆKE\n\"Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.\" (Mateo 5:7) \"Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa * tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.\"—Kolosetɔwo 3:13.\nAMEWO KATà ANƆ ANYI LE ŊUTIFAFA ME\nMawu na \"dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.\" (Dɔwɔwɔwo 17:26) \"Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.\"—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.\nANYIGBAA TA KPƆKPƆ\nŊUKEKLẼ KPLE GBƆDƆDƆ MANƆSENU TSITSRI\n\"Mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.\" (Luka 12:15) \"Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene.\"—Efesotɔwo 5:3.\nANUKWAREÐIÐI KPLE DƆ SESẼ WƆWƆ\nNU SI TA WÒLE VEVIE BE MÍAKPE ÐE AME SIWO LE HIAHIà ME LA ŊU\nMenye ɖeko Biblia ƒo nu tso mɔfiame mawo ŋu ko o. Efia ale si míade asixɔxɔ wo ŋu, eye míazã wo le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me hã. Ne ame geɖe awɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la, ɖe esia maɖe kuxi sesẽ siwo bɔ ɖe xexea me la dzi akpɔtɔ oa? Nyae nye be, Biblia me mɔfiameawo wɔa dɔ eye wosɔ na mí wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe! Ekema aleke Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifi laa?\nALE SI BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO ATE ŊU AÐE VI NA WÒ FIFIA\nAme si nya nu wu amegbetɔwo katã gblɔ kpɔ be: \"Nunya me tsonu tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.\" (Mateo 11:19, etenuŋɔŋlɔ) Ðe nya ma menye nyateƒe oa? Ne míewɔ nunya ŋu dɔ woɖe vi na mí la, enana míekpɔa eƒe asixɔxɔ. Eya ta àgblɔ be: 'Ne Biblia me nyawo ɖea vi la, ke nu ka tae nyemele eƒe viɖewo kpɔm le nye agbe me o? Aleke mate ŋu azãe atsɔ akpɔ kuxi siwo me tom mele fifia la gbɔe?' Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.\nNuwo nɔ edzi yim nyuie na Delphine * le agbe me. Kasia nuwo va trɔ nɛ kpata. Via ɖetugbui ku. Atsuƒe gblẽ nɛ eye ganyawo hã va sesẽ nɛ. Egblɔ be: \"Nyemegava ɖi naneke o, vi ku nam, srɔ̃nye gbem eye aƒe hã megale asinye o. Mese le ɖokuinye me be nyemenyo na naneke o, mɔkpɔkpɔ bu ɖem.\"\nDelphine va se Biblia me nya vevi sia gɔme nyuie. Afi ma gblɔ be: \"Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, alo ƒe blaenyi, ne ŋusẽ tɔxɛ le ame ŋue nye ema. Ke wo yɔ fũu kple fukpekpe kple nuxaxa; wo nu va yina kaba, eye míebuna.\"—Psalmo 90:10.\nEsi Delphine va ɖo nɔnɔme sesẽ sia me la, etrɔ ɖe Biblia ŋu. Biblia kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Abe ale si nyati etɔ̃ siwo akplɔ esia ɖo aɖee afia enea, ame geɖe hã kpɔe be Biblia kpe ɖe yewo ŋu ŋutɔ esi yewozã eme mɔfiamewo tsɔ kpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ. Wova kpɔe be Biblia le abe ŋkuɖodzinu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ene. Mele abe agbalẽ gbogbo siwo me nyawo va do xoxo eye womegaɖea vi o ene la o. Ðe wòanye be esi Biblia nye agbalẽ tɔxɛe taea? Ðe wòanye be Mawu ƒe susuwoe le eme, ke menye amegbetɔwo tɔ oa?—1 Tesalonikatɔwo 2:13.\nÐewohĩ wò hã èkpɔe be agbea le kpuie eye fukpekpe bɔ ɖe eme. Ne edze abe kuxiwo wu tsɔtsɔ na wò ene la, afi kae nètrɔna ɖo be yeakpɔ akɔfafa, kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo?\nNa míaƒo nu tso mɔ vevi etɔ̃ siwo nu Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le la ŋu. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò\nnàƒo asa na kuxiwo ne anya wɔ.\nnàkpɔ kuxi siwo do mo ɖa la gbɔ.\nnànɔ te ɖe kuxi siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o la nu.\nNyati siwo kplɔ esia ɖo la aƒo nu tso nu etɔ̃ siawo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2018-jan-feb\/biblia-me-m%C9%94fiamewo-nunya\/","date":"2017-12-16T17:54:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588294.67\/warc\/CC-MAIN-20171216162441-20171216184441-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982720017,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982720017433167}","num_words":1084,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.192,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU ƑO NU TSO \"YONA ƑE DZESI\" ŊU\nYESU KPLE EƑE NUSRƆ̃LAWO LE KPLIKPLIKPLI WU ƑOMETƆWO\nNya si Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gblɔ be menye Mawu ƒe ŋusẽ dzie Yesu to nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe o la ate ŋu afia be wole busunya gblɔm ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Ekema ame ka ƒe akpa dzie woanɔ—Mawu loo alo Satana? Yesu gblɔ be: \"Mido ati nyui la, eye eƒe kutsetse anyo, alo mido ati manyomanyo, eye eƒe kutsetse manyo o, elabena ati ƒe kutsetsee wotsɔna dzea sii.\"—Mateo 12:33.\nSusu mele eme be woagblɔ be ɖe Yesu le dɔ wɔm kple Satana tae wòte ŋu le ku nyui si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya do goe la tsem o. Abe ale si Yesu na eme kɔ ƒãa le eƒe Todzimawunyaa me ene la, ne kutsetsea nyo la, ke atia hã nyo, mate ŋu anye ati manyomanyo o. Eya ta nu kae Farisitɔwo ƒe kutsetse, si nye alakpanutsotso si wogblɔ ɖe Yesu ŋu la ɖe fia? Efia be wonye ati manyomanyo. Yesu gblɔ na wo be: \"Dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, aleke miate ŋu agblɔ nya nyuiwo, esi mienye ame vɔ̃ɖiwo? Elabena nya si wu dzi lae nu gblɔna.\"—Mateo 7:16, 17; 12:34.\nƐ̃, míaƒe nyawo ɖea míaƒe dzi ƒe nɔnɔme fiana, eye woate ŋu anɔ te ɖe nu si míegblɔna dzi adrɔ̃ ʋɔnu mí. Eya ta Yesu gblɔ be: \"Mele egblɔm na mi be, nya dzodzro sia nya dzodzro si amewo gblɔna la, woabu akɔnta le eŋuti le Ʋɔnudrɔ̃gbe la; elabena wò nyawoe woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawoe woatsɔ abu fɔ wò.\"—Mateo 12:36, 37.\nTogbɔ be Yesu wɔ nukunu ɖedzesiwo hã la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo gale nu geɖe wu biam. Wogblɔ be: \"Nufiala, míedi be nàwɔ dzesi aɖe míakpɔ.\" Woawo ŋutɔwo woɖakpɔe wòwɔ nukuwo loo alo womekpɔe o, eteƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la li. Eya ta esɔ be Yesu gblɔ na Yudatɔwo ƒe kplɔla mawo be: \"Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi dim, ke womele dzesi aɖeke na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko.\"—Mateo 12:38, 39.\nYesu megblẽ nyaa ɖe yame o, ke boŋ eɖe eme na wo be: \"Ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ la, nenema kee Amegbetɔvi la hã anɔ anyigba tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.\" Ƒumelã gã aɖe mi Yona, gake edo go abe ɖe wofɔe ɖe tsitre ene. Yesu to esia dzi le egblɔm ɖi be yeaku, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la, woafɔ ye ɖe tsitre. Esi esia va eme emegbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo mexɔ \"Yona ƒe dzesi la\" o, eye wogbe dzimetɔtrɔ kple tɔtrɔwɔwɔ. (Mateo 27:63-66; 28:12-15) Gake \"Niniwetɔwo\" ya trɔ dzi me esi Yona ɖe gbeƒã na wo. Eya ta woabu fɔ dzidzime sia. Yesu gblɔ hã be Seba-fianyɔnu la hã ato kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la dzi abu fɔ dzidzime sia. Eva di Salomo ƒe nunya be yease, eye nu si wòse la wɔ nuku nɛ. Azɔ Yesu gblɔ be, \"ame si lolo wu Salomo la le afii!\"—Mateo 12:40-42.\nYesu tsɔ dzidzime vɔ̃ɖi sia sɔ kple ŋutsu si me gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le. (Mateo 12:45) Esi ŋutsua metsɔ nu nyuiwo ɖo afi si tsi ƒuƒlu la teƒe o ta la, gbɔgbɔ vɔ̃ la trɔ gbɔ kple gbɔgbɔ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ eye wova ge ɖe amea me. Le mɔ ma ke nu la, wokɔ Israel-dukɔa ŋu eye wogaɖoe te, abe ale si ko wònɔ le ŋutsu si me gbɔgbɔ makɔmakɔa do go le la gome ene. Gake dukɔa gbe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo eye mlɔeba wova tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, togbɔ be edze ƒãa be Mawu ƒe gbɔgbɔ le edzi hã. Esia fia be dukɔa ƒe nɔnɔme gblẽ wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me.\nEsi Yesu gale nuƒoƒo dzi la, dadaa kple nɔviawo va eye wotɔ ɖe ameha la megbe. Ame siwo te ɖe eŋu la gblɔ nɛ be: \"Dawò kple nɔviwòwo le tsitre ɖe xexe le didim be yewoakpɔ wò.\" Azɔ Yesu ɖe ale si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dome le kplikplikpli la fia. Wole abe nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple dadawo ene nɛ. Eya ta efia asi eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ be: \"Danye kple nɔvinyewoe nye ame siawo, siwo sea Mawu ƒe nya la, eye wowɔa edzi.\" (Luka 8:20, 21) Eto esia dzi ɖee fia be togbɔ be kadodo kplikplikpli si le ye kple yeƒe ƒometɔwo dome xɔ asi hã la, ƒomedodo si le ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo dome la xɔ asi wu. Aleke gbegbe míaƒe dzi dzea emee nye esi ne ƒomedodo kplikplikpli sia le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome, vevietɔ ne amewo ke ɖi mí alo ƒo nu tsi tsitre ɖe míawo ŋutɔwo kple míaƒe dɔ nyuiwo ŋu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-galilea\/ka-mo-farisit%C9%94wo\/","date":"2017-12-18T15:48:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948617816.91\/warc\/CC-MAIN-20171218141805-20171218163805-00287.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984135032,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984135031700134}","num_words":761,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nƐ̃, elabena Mawu di be amewo naƒo ƒu ade ta agu na ye. Biblia gblɔ be: \"Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . . o.\"\nYesu ɖee fia be ye yomedzelawo anye ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu esi wògblɔ be: \"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\" (Yohanes 13:35) Mɔ vevitɔ si dzi Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ato aɖe lɔlɔ̃ sia afia woƒe haxɔsetɔwoe nye be woanɔ kpekpem ɖekae. Woanɔ hamewo me eye woanɔ kpekpem edziedzi hena tadedeagu. (1 Korintotɔwo 16:19) Wo katã woanye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ.\nSubɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa mesu o\nTogbɔ be Biblia gblɔ be ele be woaƒo ƒu ade ta agu hã la, megblɔ be ne ame nya le subɔsubɔha aɖe me ko la, eƒe nu adze Mawu ŋu o. Hafi ame ƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be eƒe mawusubɔsubɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe gbe sia gbe nuwɔnawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: \"Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/sub%C9%94sub%C9%94ha\/","date":"2017-12-18T05:41:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948608836.84\/warc\/CC-MAIN-20171218044514-20171218070514-00359.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997620225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976202249526978}","num_words":221,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ANƆ abe ƒe eve ene va yi tso esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo xɔ Babilon. Ke kpɔ nusi le dzɔdzɔm fifia la ɖa! Ẽ, Israel-viwo le dzodzom le Babilon. Aleke wowɔ hafi kpɔ ablɔɖe? Amekae ɖe asi le wo ŋu?\nKores, Persia-fia, ye. Gbaɖegbe ʋĩ hafi woadzi Kores la, Yehowa na eƒe nyagblɔɖila ŋlɔ nu tso eŋu be: 'Nusi tututu medi be nàwɔ lae nàwɔ. Agboawo anɔ ʋuʋu ɖi na wò be nàxɔ du la.' Eye Kores ye nɔ ŋgɔ woxɔ Babilon. Mediatɔwo kple Persiatɔwo to agbo siwo le ʋuʋu ɖi la me hege ɖe du la me le zã me.\nGake Yehowa ƒe nyagblɔɖila Yesaya gagblɔ hã be Kores aɖe gbe be woagatu Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ la. Ðe Kores ɖe gbe sia? Ẽ. Kores gblɔ na Israel-viwo be: 'Azɔ miheyi Yerusalem, miatu Yehowa, miaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la.' Eye esiae Israel-vi siawo dze mɔ yina wɔwɔ ge.\nGake menye Israel-vi, siwo le Babilon la katãe ate ŋu azɔ mɔ didi la ayi Yerusalem o. Enye mɔ didi aɖe, abe agbadroƒe 500 (kilometa 800) ene, eye geɖe tsi akpa alo wonye dɔnɔwo be woate ŋu azɔ mɔ didi ma. Ame aɖewo hã meyi o le susu bubu aɖewo ta. Gake Kores gblɔ na amesiwo meyi o la be: 'Mitsɔ klosalo kple sika kple nunana bubuwo na amesiwo trɔ yina Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa tu ge la.'\nEyata wotsɔ nunana geɖe na Israel-vi siawo, siwo yina Yerusalem la. Azɔ hã la, Kores tsɔ agbawo kple kplu, siwo Fia Nebukadnezar tsɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me esime wòtsrɔ̃ Yerusalem la na wo. Wona nu geɖe fũ ameawo be woatsɔ ayii.\nLe mɔzɔzɔ abe ɣleti ene ene megbe la, Israel-viwo ɖo Yerusalem ɖe game dzi. Ƒe 70 tututu enye ma tso esime wotsrɔ̃ du la; eye anyigba la tsi ƒuƒlu keŋkeŋ, ame mele edzi o. Gake togbɔ be Israel-viwo trɔ va woa ŋutɔwo ƒe dukɔ me hã la, wole fu geɖe kpe ge abe alesi míele esrɔ̃ gee ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/5\/wotr%C9%94-yina-yerusalem\/","date":"2017-12-12T13:05:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948516843.8\/warc\/CC-MAIN-20171212114902-20171212134902-00195.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995235205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995235204696655}","num_words":323,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo taa tadeaguƒe akpeakpewo ƒe nɔnɔmewo, tua wo heléa be na wo le xexea me godoo. Kpɔ ale si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖu dukɔwo dome mamawo kple gbegbɔgblɔ bubuwo dodo ƒe kuxiwo dzi hele dɔ wɔm le ɖekawɔwɔ me le xexea me godooe la ɖa.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nYehowa Ðasefowo Le Tadeaguƒewo Tum Le Xexea Me Godoo","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/x%C9%94tutu\/yehowa-%C9%96asefowo-le-tadeagu%C6%92ewo-tum-video\/","date":"2017-12-12T03:40:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514250.21\/warc\/CC-MAIN-20171212021458-20171212041458-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975137115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975137114524841}","num_words":64,"character_repetition_ratio":0.097,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"WOFƆ YESU ÐE TSITRE\nNU SIWO DZƆ LE YESU ƑE YƆDOA TO\nEÐE EÐOKUI FIA NYƆNU VOVOVOWO\nAleke gbegbe nyɔnuawo ƒe nu kue nye esi esi wova yɔdoa to eye wòdze abe yɔdoa tsi ƒuƒlu ene! Maria Magdalatɔ la ƒu du yi \"Simon Petro kple nusrɔ̃la kemɛ, si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o,\" si nye apostolo Yohanes gbɔ. (Yohanes 20:2) Ke hã nyɔnu mamlɛawo siwo tsi yɔdoa to la kpɔ mawudɔla aɖe. Eyome wogakpɔ mawudɔla bubu aɖe si \"le awu ʋlaya ɣi me\" le yɔdoa me.—Marko 16:5.\nMawudɔlaawo dometɔ ɖeka gblɔ na wo be: \"Migavɔ̃ o, elabena menyae be Yesu si wohe ɖe ati ŋu la dimee miele. Mele afi sia o, elabena wofɔe ɖe tsitre, abe ale si wògblɔe ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa. Eya ta miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yina Galilea.\" (Mateo 28:5-7) Ale nyɔnu siawo siwo le 'dzodzom nyanyanya hele vɔvɔ̃m' ŋutɔ la de afɔ du me yi ɖagblɔe na nusrɔ̃lawo.—Marko 16:8.\nMaria va ke ɖe Petro kple Yohanes ŋu azɔ. Egblɔ dzitsitsitɔe be: \"Wokɔ Aƒetɔ la dzoe le yɔdoa me, eye míenya afi si wodae ɖo o.\" (Yohanes 20:2) Enumake Petro kple Yohanes hã de afɔ du me. Yohanes ƒe afɔ tsɔ wu, eye wòɖo yɔdoa gbɔ gbã. Edo kɔ ɖa hekpɔ aklalaawo gake mege ɖe eme o.\nPetro le eyome va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me ʋla. Ekpɔ aklalawo kple avɔ si wotsɔ bla ta na Yesu la le yɔdoa me. Yohanes hã ge ɖe yɔdoa me azɔ, eye wòxɔ Maria ƒe nyatakaka la dzi se. Wo ame evea siaa mese egɔme be wofɔ Yesu ɖe tsitre o, togbɔ be eƒo nu tso eŋu na wo do ŋgɔ hã. (Mateo 16:21) Nya la wɔ moyaa na wo eye wotrɔ yi aƒe me. Gake Maria, si trɔ gbɔ va yɔdoa to ya tsi anyi.\nLe ɣeyiɣi sia me la, nyɔnu kemɛawo le mɔ dzi yina egblɔ ge na nusrɔ̃lawo be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Esi wole du dzi yina la, Yesu va tu wo hegblɔ na wo be: \"Medo gbe na mi!\" Ale \"wolé eƒe afɔwo hebɔbɔ nɛ.\" Azɔ Yesu gblɔ be: \"Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo, ne woayi Galilea, eye woakpɔm le afi ma.\"—Mateo 28:9, 10.\nDo ŋgɔ esi anyigba ʋuʋu eye mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia la, asrafo siwo nɔ yɔdoa gbɔ la dzo \"nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene.\" Esi wogaɖo wo ɖokui me la, woyi dua me \"ɖaka nu siwo katã dzɔ la ta na nunɔlawo ƒe tatɔwo.\" Nunɔlawo de adaŋu kple Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wotso nya me be yewoana zãnu asrafoawo ne woatsyɔ nu nyaa dzi ahagblɔ be: \"Eƒe nusrɔ̃lawo va fii le zã me esime míele alɔ̃ dɔm.\"—Mateo 28:4, 11, 13.\nWoate ŋu awu Roma-srafo ne edɔ alɔ̃ esime wòle dzɔla ƒe dɔ wɔm, eya ta nunɔlawo do ŋugbe na wo be: \"Ne nya sia [alakpanya si nye be yewodɔ alɔ̃] ɖo nutodziɖula la ƒe to me la, ekema míaɖe eme nɛ, eye mahiã be miatsi dzi o.\" (Mateo 28:14) Asrafoawo xɔ zãnua eye wowɔ nu si nunɔlawo gblɔ. Aleae wòdzɔe be alakpanya si nye be wova fi Yesu ƒe kukua la kaka ɖe Yudatɔwo dome.\nMaria Magdalatɔ la gale nuxaxa dzi le yɔdoa to. Esi wòdo kɔ ɖa kpɔ yɔdoa me la, ekpɔ mawudɔla eve siwo le awu ɣiwo me! Ðeka nɔ anyi ɖe afi si Yesu ƒe kukua nɔ la ƒe tade eye evelia le eƒe afɔde. Wobiae be: \"Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam?\" Maria ɖo eŋu be: \"Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, gake nyemenya afi si wotsɔe yi ɖada ɖo o.\" Esi Maria trɔ la, ekpɔ ame bubu. Eya hã bia nya si mawudɔlaawo do ŋgɔ bia lae hegblɔ kpee be: \"Ame ka dim nèle?\" Esi wòsusu be abɔdzikpɔlae ta la, egblɔ nɛ be: \"Aƒetɔ, ne wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam, ne mayi aɖakɔe.\"—Yohanes 20:13-15.\nLe nyateƒe me la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre lae Maria nɔ nu ƒom na, gake mekpɔe dze sii ɣemaɣi o. Ke hã esi Yesu yɔe be, \"Maria!\" la, ekpɔe dze sii enumake le ale si Yesu lɔ̃a eyɔyɔ la me be eyae. Maria gblɔ dzidzɔtɔe be, \"Raboni!\" (si gɔmee nye \"Nufiala!\"). Ke hã esi wònɔ vɔvɔ̃m be Yesu adzo le ye gbɔ ayi dziƒo ta la, eku ɖe eŋu. Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: \"Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye, elabena nyemekpɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Ke yi nɔvinyewo gbɔ, eye nàgblɔ na wo be, 'Meyina Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu la gbɔ.'\"—Yohanes 20:16, 17.\nMaria ƒu du yi afi si apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ƒo ƒu ɖo. Egblɔ na wo be: \"Mekpɔ Aƒetɔ la!\" eye wògblɔ nu si teƒe wòkpɔ la tsɔ ƒu nyɔnu kemɛawo tɔ dzi. (Yohanes 20:18) Gake nya siawo \"ɖi bometsinya na wo.\"—Luka 24:11.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-akpa-maml%C9%9Ba\/y%C9%94do-tsi-%C6%92u%C6%92lu-yesu-le-agbe\/","date":"2018-01-21T21:19:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890874.84\/warc\/CC-MAIN-20180121195145-20180121215145-00647.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985162616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985162615776062}","num_words":801,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Aleke míate ŋu awɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie wu?\nMawunyakpukpui: Nyg 4:6\nNya Si Nàgblɔ: Nyɔ! sia ƒo nu tso nu vevi siwo míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Nu ka tae wowɔ mí ɖe anyigba dzi?\nMawunyakpukpui: Ps 37:29\nNyateƒea: Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe le anyigba dzi tegbee.\nNYA NYUI SI TSO MAWU GBƆ!\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2018-01-22T09:06:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891196.79\/warc\/CC-MAIN-20180122073932-20180122093932-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962872863,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962872862815857}","num_words":77,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KESINƆTƆ LA ŊUTI LODODOA\nYESU ƑO NU TSO AKPAVIÃWO KPLE DZOGBENYAWO ŊU\n\"ALẼHA SUE\" AÐE ANƆ FIAÐUƑE LA ME\nEsime Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me la, ame akpe geɖewo ƒo ƒu ɖe gota nɔ elalam. Amehawo ƒo zi ɖe eŋu alea ɣeaɖewoɣi esime wònɔ Galilea. (Marko 1:33; 2:2; 3:9) Le Yudea afi sia la, ame geɖe di be yewoakpɔe ahase eƒe nyawo, eye woƒe nɔnɔme sia to vovo sãa na Farisitɔ siwo nɔ nua ɖum kplii la tɔ.\nNu si Yesu gblɔ gbã la nye nya vevi si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nade dzesii. Egblɔ be: \"Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu si nye alakpanuwɔwɔ la ŋuti.\" Yesu gblɔ nuxlɔ̃amenya sia kpɔ va yi, gake nu si wòkpɔ le nua ɖuƒe la ɖe ale si nya sia dzi wɔwɔ le vevie la fia. (Luka 12:1; Marko 8:15) Farisitɔwo dzea agbagba be yewoaɣla yewoƒe vɔɖivɔ̃ɖia to ame ŋkume mawusosroɖa dzi, ke hã ame gblẽku siwo ƒe nuwɔnawo dzi wòle be woaklo nu le lae wonye. Yesu gblɔ be: \"Wometsyɔ nu naneke dzi, si womava ɖe ɖe go o, eye womeɣla naneke, si womava nya o.\"—Luka 12:2.\nÐewohĩ ame siwo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu la dometɔ geɖe nye Yudeatɔ siwo menɔ eteƒe esime wònɔ nu fiam le Galilea o. Eya ta egahe susu yi nu siwo wòfia va yi la me nya veviwo dzi. Exlɔ̃ nu ame siwo katã nɔ to ɖomee la be: \"Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la womegatea ŋu wɔa naneke wu ema o la o.\" (Luka 12:4) Abe ale si wòwɔe va yi ene la, egate gbe ɖe ale si wòhiã be ye yomedzelawo naka ɖe edzi be Mawu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo la dzi. Ele be woaxɔ Amegbetɔvi la dzi ase hã eye wòaka ɖe edzi be Mawu ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu.—Mateo 10:19, 20, 26-33; 12:31, 32.\nAzɔ ŋutsu aɖe si le amehaa dome la ƒo nu tso nane si le vevie nɛ la ŋu be: \"Nufiala, gblɔ na nɔvinye ne wòama domenyinu la kplim.\" (Luka 12:13) Se la gblɔ be woatsɔ domenyinua ƒe akpa eve na ŋgɔgbevia, eya ta mehiã be nyaʋiʋli nanɔ anyi hafi o. (5 Mose 21:17) Gake edze abe ŋutsua le domenyinua ƒe akpa si sɔ gbɔ wu etɔ le se nu la dim. Yesu wɔ nu le nunya me esi mede nu nyaa me o. Ebiae be: \"Ŋutsu, ame kae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo nyametsola ɖe mi ame evea nu?\"—Luka 12:14.\nAzɔ Yesu ɖo aɖaŋu vevi sia na ameawo katã be: \"Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.\" (Luka 12:15) Aleke gbegbee kesinɔnuwo ɖasɔ gbɔ ɖe ame sii o, ɖe mava ku gbe ɖeka agblẽ wo katã ɖi oa? Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si dzi woaɖo ŋkui bɔbɔe si ɖe ale si wòle vevie be woawɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ la fia tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi ale:\n\"Kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu nyuie. Eya ta ebu le eɖokui me be, 'Esi teƒe aɖeke megale asinye madzra nye agblemenukuwo ɖo o ɖe, nu ka wɔ ge mala?' Eya ta egblɔ be, 'Menya nu si mawɔ: Mamu nye nudzraɖoƒewo, eye matu esiwo lolo wu; afi mae madzra nye nukuwo katã kple nye nuwo katã ɖo, eye magblɔ na ɖokuinye be: \"Èdzra nu nyui geɖe ɖo ɖi hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.\"' Ke Mawu gblɔ nɛ be: 'Movitɔ, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la azu?' Nenemae wònɔna na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.\"—Luka 12:16-21.\nKesinɔnuwo didi alo kɔlili wo ɖi ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpakple ame bubu siwo nɔ to ɖomee la hã. Agbemenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ hã ate ŋu ahe woƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Eya ta Yesu gahe susu yi aɖaŋu nyui si wòɖo le Todzimawunyaa me anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene do ŋgɔ la dzi ake ale:\n\"Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbe ŋu le nu si miaɖu ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti. . . . Mibu akpaviãwo ŋu kpɔ: Womeƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o; ke hã Mawu nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa? . . . Mibu ale si dzogbenyawo tsinae la ŋu kpɔ: Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o; gake mele egblɔm na mi be, le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. . . . Eya ta migatsi dzimaɖi ɖe nu si miaɖu kple nu si miano la ŋu o, eye midzudzɔ dzimaɖitsitsi fũu akpa . . . Mia Fofo nyae be nu siawo hiã mi. . . . Minɔ eƒe Fiaɖuƒe la didi dzi boŋ, eye woatsɔ nu siawo akpee na mi.\"—Luka 12:22-31; Mateo 6:25-33.\nAme kawoe anɔ Mawu Fiaɖuƒea dim? Yesu ɖee fia be nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo siwo wòyɔ be \"alẽha sue\" lae anɔ esia wɔm. Ava dze emegbe be woƒe xexlẽme nye 144,000 ko. Etsɔme kae li na wo? Yesu ka ɖe edzi na wo be: \"Edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.\" Ame siawo ƒe susu manɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu ɖe anyigba dzi, afi si fiafitɔwo ate ŋu ava fi nu le la ŋu o. Ke boŋ woƒe dzi anɔ \"nu xɔasi siwo nu mayi o\" siwo le dziƒo, afi si woaɖu fia kple Kristo le la ŋu.—Luka 12:32-34.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/lododo-kesin%C9%94t%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2018-01-18T08:08:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887077.23\/warc\/CC-MAIN-20180118071706-20180118091706-00461.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984381199,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984381198883057}","num_words":911,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.269,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpɔ mía ta. Gake hafi woaɖe vi na mí la, ele be míade asixɔxɔ wo ŋu le dzi me. (Lod 7:3) Ne Yehowa subɔla aɖe ɖe mɔ eƒe dzi trɔ ɖe aga la, aɖe mɔ Satana ƒe ayemɔwo naɖee bɔbɔe. Lododowo ta 7 lia ƒo nu tso ɖekakpui aɖe si ɖe mɔ eƒe dzi blee la ŋu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe vodadawo me?\nSatana dzea agbagba be yeato míaƒe sidzenu atɔ̃awo dzi ahe mí ɖa le Yehowa ŋu ade nu gbegblẽ wɔwɔ me\nNunya kple gɔmesese akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si gbegbe nu gbegblẽ wɔwɔ agblẽ nu le mía ŋu la adze sii eye woakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na gbɔgbɔmefɔkuwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct10-16\/m%C3%A8gana-dzi-natr%C9%94-%C9%96e-aga-o\/","date":"2018-01-17T14:20:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00661.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969937205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969937205314636}","num_words":120,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 30 va se ɖe June 3, 2018 la le tata sia me.\nNya kae Biblia gblɔ tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ? Nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ taɖodzinu si nye nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu ne míele nu fiam mía viwo alo Biblia nusrɔ̃viwo?\nNu ka ŋue dzila Kristotɔwo dina be yewoakpɔ kakaɖedzi le hafi aɖe mɔ na wo viwo be woaxɔ nyɔnyrɔ?\nNYABIABIA SIWO TSO EXLẼLAWO GBƆ\nNu ka tae wotaa apostolo Paulo abe ame si ƒe ta bebe alo ame si ɖa vɔ le ta na ene le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me?\nNu ka tae Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye amedzrowɔlawo? Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si be míawɔ amedzro na mía nɔewo? Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ amedzro na mía nɔviwo, eye aleke míate ŋu aɖu wo dzi?\nAGBEMEŊUTINYA\nErika Nöhrer Bright wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, mɔɖela vevi ƒe dɔa, kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. Eɖo ŋku ale si Mawu lé be nɛ, do ŋusẽe hefia mɔe le ƒe gbogbo siwo wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe me la dzi.\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo Mawu he to na le blema la ƒe kpɔɖeŋuwo me? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le amewo hehe me?\nMɔ kawo nue Yehowa fiaa mí ale si míamla mía ɖokui le? Eye ne woɖɔ mí ɖo le Kristo hamea me la, aleke míawɔ be wòaɖe vi na mí?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2018\/","date":"2018-01-19T06:38:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00661.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968609214,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996860921382904}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YEHOWA MAWU kpe ɖe mía ŋu be míanya amesi Mesia la nye esi wòna eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia me nyagblɔɖila geɖe wona numeɖeɖe tso Ðela sia si ŋugbe wodo la ƒe dzidzi, eƒe subɔsubɔdɔ, kple eƒe ku ŋu. Yesu Kristo dzie Biblia me nyagblɔɖi siawo katã va eme ɖo. Wova eme tututu abe alesi pɛpɛpɛ wogblɔ wo ɖi ene wòwɔ nuku. Be míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo la, na míadzro nyagblɔɖi ʋɛ aɖewo siwo ku ɖe Mesia la ƒe dzidzi kple ɖevimenɔɣi ŋu me akpɔ.\nMawu ƒe nyagblɔɖila bubu si nye Mixa gblɔe ɖi be ɖevi sia ava zu dziɖula eye be woadzii le \"Betlexem Efrata.\" (Mixa 5:1) Du evee nɔ Israel si woyɔna be Betlexem esime wodzi Yesu. Ðeka gogo Nazaret, le dukɔa ƒe dziehe, eye evelia gogo Yerusalem le Yuda. Efrata ye woyɔna na Betlexem si gogo Yerusalem la tsã. Du ma mee wodzi Yesu ɖo, abe alesi tututu nyagblɔɖia gblɔe ene!—Mateo 2:1.\nLe nya siwo woɖo ɖe axa 200 la, mawunyakpukpui siwo le tanya si nye \"Nyagblɔɖi\" te la na numeɖeɖe tsitotsito tso Mesia la ŋu. Taflatse, tsɔ mawunyakpukpui siawo sɔ kple esiwo dze le tanya si nye \"Emevava\" te. Esia wɔwɔ ana nàgaxɔ edzi ase geɖe wu be nyateƒee Mawu ƒe Nya la nye.\nEsi nèle mawunyakpukpui siawo me dzrom la, nenɔ susu me na wò be woŋlɔ nyagblɔɖi me nya siawo ɖi ƒe alafa geɖe hafi wova dzi Yesu. Yesu gblɔ be: \"Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.\" (Luka 24:44) Abe alesi nàte ŋu ade dzesii le wò ŋutɔ wò Biblia me ene la, wova eme vavã—nya ɖesiaɖe va eme pɛpɛpɛ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia\/yesu-kristo-mesia-si-%C5%8Bugbe-wodo\/","date":"2018-01-24T03:01:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084892892.86\/warc\/CC-MAIN-20180124010853-20180124030853-00551.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9997139573,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9997139573097229}","num_words":275,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.015,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae aloe si amewo zã le Biblia ŋlɔɣiwo la nye?\nBiblia gblɔ be wowua aloe ɖe awuwo me kple abawo dzi be woaʋẽ lilili. (Psalmo 45:9; Lododowo 7:17; Hawo ƒe Ha 4:14, NW) Anɔ eme be ati si woyɔna be Agarwood (atiwo ƒe hatsotso si woyɔna be Aquilaria la dometɔ ɖeka) la mee wokpɔa aloe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la tsonɛ. Ne atia le vovom lae ami ʋeʋẽe kple aŋe dona tsoa eme. Wotua atia memie wòzua wɔ, eye eyae nye \"aloe\" si wodzrana.\nBiblia tsɔ Israel ƒe agbadɔwo sɔ kple \"aloeti, siwo Yehowa do.\" (4 Mose 24:5, 6) Anɔ eme be ale si Agarwood la ƒe dzedzeme nɔna\nVɔsanu kawoe woxɔna le gbedoxɔa me le Yerusalem?\nMawu ƒe Se la gblɔ be ele be nu siwo katã woatsɔ asa vɔe le gbedoxɔa me la nanye nyuitɔ kekeake. Ne nu siwo wotsɔ sa vɔe la menye nyuitɔ alo sɔ blibo o la, Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. (2 Mose 23:19; 3 Mose 22:21-24) Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo gblɔ be ɣemaɣi la, nunɔlawo léa ŋku ɖe lãwo ŋu tsitotsito \"tso ta gbɔ va se ɖe afɔ gbɔ\" be woaka ɖe edzi be wosɔ blibo eye \"naneke mewɔ afi aɖeke na wo o.\"\nAgbalẽnyala E. P. Sanders gblɔ be anɔ eme be nunɔlawo \"ɖea mɔ na vɔsalãdzrala siwo dzi woka ɖo la be woadzra lã kple xe siwo ŋu nunɔlawo lé ŋku ɖo xoxo la ko. Eya ta anɔ eme be lãdzralaa tsɔa kpeɖodzinu aɖe nana nuƒlelaa, si anye ɖaseɖiɖi be lã la sɔ blibo eye nu mewɔ afi aɖeke nɛ o.\"\nLe ƒe 2011 me la, blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe kpeɖodzinu, alo dzesi, ma ƒomevi aɖe ŋu le gbedoxɔa gbɔ lɔƒo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140201\/%C3%A8nyaa\/","date":"2018-02-24T16:14:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891815843.84\/warc\/CC-MAIN-20180224152306-20180224172306-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992907643,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992907643318176}","num_words":280,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Daniel Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Daniel ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Daniel Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Daniel Ƒe Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012395\/univ\/art\/502012395_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/daniel\/","date":"2018-03-17T19:22:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645280.4\/warc\/CC-MAIN-20180317174935-20180317194935-00512.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984870553,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984870553016663}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.135,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yona Wɔ Bibliamemwo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yona ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yona Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yona Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012434\/univ\/art\/502012434_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yona\/","date":"2018-03-22T14:43:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647885.78\/warc\/CC-MAIN-20180322131741-20180322151741-00566.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990743995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999074399471283}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.145,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AƑETƆ Ignaz Semmelweis nye ame si ame geɖe menya o, ke hã eƒe dɔ ɖea vi na ƒome geɖe egbea. Wodzii le dugã si nye Buda (si woyɔna fifia be Budapest) le Hungary, eye wòxɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ le atikewɔnyawo me le dugã si nye Vienna ƒe yunivɛsiti le ƒe 1844 me. Esi wòva zu nufialagã aɖe ƒe kpeɖeŋutɔ le kɔdzi si wodzia vi le le Vienna le ƒe 1846 me la, ede dzesi kuxi gã aɖe si nye asrã ƒomevi aɖe si wua funɔ siwo va dzi vi ƒe 13 le alafa me.\nAme geɖe do susu vovovo siwo gbɔ dɔlélea anya tso la ɖa, ke hã, wo dometɔ aɖeke mete ŋu kpɔ ta nɛ o. Agbagba siwo katã wodze be woaɖe funɔwo ƒe kuku dzi akpɔtɔ la medze edzi o. Esi aƒetɔ Semmelweis yi edzi nɔ tame bum tso ale si vidadawo sea veve hekunae ŋu la, eɖoe kplikpaa be yeadi nu si gbɔ dɔlélea tso ahaxe mɔ nɛ.\nVidzidzidɔwɔƒe evee le kɔdzi si aƒetɔ Semmelweis wɔa dɔ le, eye edze gaglã be funɔ siwo kuna le vidziƒe gbãtɔ sɔa gbɔ wu funɔ siwo kuna le vidziƒe evelia. Vovototo si le vidziƒe eve siawo domee nye be wofia nu sukuvi siwo ava nye ɖɔktawo le vidzidzidɔwɔƒe gbãtɔ eye wofiaa vixexe le evelia me. Ke nu ka gbɔe wòtso be amewo kuna le vidzidzidɔwɔƒe gbãtɔ wu evelia? Aƒetɔ Semmelweis ku nu geɖe me tso nu vovovo siwo gbɔ dɔlélea anya tso ŋu gake gbeɖegbeɖea koe.\nLe ƒe 1847 me la, aƒetɔ Semmelweis kpɔ nane si ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ ta na kuxia. Eƒe dɔwɔhati si ganye exɔlɔ̃ si ŋkɔe nye Jakob Kolletschka xɔ abi esime wònɔ ame kuku aɖe dom kpɔ si wɔe be dɔlékuiwo to abia me ge ɖe lãme nɛ si na wòku. Esi aƒetɔ Semmelweis nɔ dodokpɔ si wowɔ tso nu si wu exɔlɔ̃a xlẽm la, ekpɔe be le mɔ aɖe nu la, dɔléle si wui la sɔ kple dɔléle si nɔa funɔawo wum. Eya ta aƒetɔ Semmelweis ƒo nya ta be ɖewohĩ \"aɖi\" aɖe si le ame kukuwo ŋue nɔa funɔawo wum. Ekpɔe be ɖɔkta kple sukuvi siwo doa ame kukuwo kpɔna edziedzi hafi yia vixeƒea la tsɔa dɔlékuiawo tsoa ame kukuawo ŋu eye funɔwo xɔa dɔa tso wo gbɔ le manyamanya me ne wole wo dom kpɔ! Funɔ siwo vana vidzidzidɔwɔƒe evelia mekuna dea gbãtɔ nu o elabena vixela siwo wɔa dɔ le vidzidzidɔwɔƒe evelia ya mewɔa dɔ le ame kukuwo ŋu o.\nAƒetɔ Semmelweis de se enumake be ele vevie be woanɔ asi klɔm, eye woazã atike siwo wua nugbagbevi suesuesuewo hã atsɔ anɔ asi klɔm hafi ado funɔwo kpɔ. Nu siwo do tso eme la wɔ nuku ŋutɔ: ale si funɔwo kunae dzi ɖe kpɔtɔ kura tso 18.27 le alafa me le April me va ɖo 0.19 le alafa me le ƒea ƒe nuwuwu.\n\"Taɖodzinu si le nu si mefiana ŋue nye be wòakpe ɖe vidzidzidɔwɔƒewo ŋu be woakpɔ nyɔnuwo ta na wo srɔ̃wo kple vidadawo ta na wo viwo.\"—Ignaz Semmelweis\nMenye ame sia amee da asi ɖe nu si ŋu aƒetɔ Semmelweis ke ɖo la dzi o. Nu si ŋu wòke ɖo tso nu si gbɔ funɔwo ƒe ku tsona la tsi tre ɖe eƒe tatɔ ƒe nufiafia si ku ɖe nu si le kua hem vɛ la ŋu, Semmelweis ƒe tɔtete ɖe nu siwo ŋu wòke ɖo dzi ku dzi na eƒe tatɔa. Ema wɔe be mlɔeba la, dɔ va ge le aƒetɔ Semmelweis si le Vienna kɔa dzi si na wòtrɔ yi Hungary. Le afi sia la, eva nye dɔdzikpɔla le funɔwo dzi kpɔƒe le St. Rochus Kɔdzi, le dugã si nye Pest me eye esi wònaa ɖɔktawo klɔa asi hafi kpɔa funɔwo gbɔ ta la, funɔwo ƒe kuku dzi ɖe kpɔtɔ kura.\nLe ƒe 1861 me la, eŋlɔ nu tso eƒe dɔa ŋu ɖe agbalẽ si nye Nu Si Gbɔ Funɔwo Ƒe Ku Tsona Kple Ale Si Woalé Enu (ele Eŋlisigbe me). Nublanuitɔe la, amewo mekpɔ vevienyenye si le nu si ŋu wòke ɖo la ŋu o hena ƒe geɖe. Ema wɔe be ame gbogbo aɖewo siwo woate ŋu axɔ ɖe agbe hafi la ku nublanuitɔe.\nWova kpɔe emegbe be aƒetɔ Semmelweis hã le ame siwo gbɔ wòtso be wova wɔ atike siwo wua nugbagbevi suesuesue siwo dea dɔ lãme na ame la dome. Nu siwo ŋu wòke ɖo na wova kpɔe be nugbagbevi suesuesue siwo ŋku mate ŋu akpɔ o gɔ̃ hã ate ŋu ade dɔ lãme na ame. Eya hã wɔ akpa aɖe hafi wova nyae be nugbagbevi suesuesuewo tea ŋu dea dɔ lãme na ame eye enye nu \"ɖedzesi aɖe le atikewɔnyawo me.\" Ewɔ nuku be ƒe 3,000 do ŋgɔ la, Mose ƒe Sea, si va nye Biblia ƒe akpa aɖe na mɔfiame ku ɖe nu si ame awɔ ne eka asi ame kuku ŋu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2016-june\/ignaz-semmelweis-asr%C3%A3-si-wua-fun%C9%94wo\/","date":"2018-03-18T20:22:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645943.23\/warc\/CC-MAIN-20180318184945-20180318204945-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991249442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991249442100525}","num_words":795,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía Nɔvi Lɔlɔ̃tɔ Si Lɔ̃ Yehowa:\nYesu gblɔ be: \"Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.\" (Yohanes 8:32) Nya siawo dea dzi ƒo na ame loo! Ɛ̃, le 'ŋkeke mamlɛ' siawo siwo me nɔnɔ sesẽ, siwo me aʋatsonyawo va bɔ ŋutɔ gɔ̃ hã me la, àte ŋu anya nyateƒe la. (2 Timoteo 3:1) Èɖo ŋku zi gbãtɔ si nèva kpɔ nyateƒe si me kɔ ƒãa le Mawu ƒe Nya la me dze sii la dzia? Dzi dzɔ wò ale gbegbe!\nKe hã, togbɔ be enyo ŋutɔ be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ va su mía si eye míegblɔa eŋu nya na amewo edziedzi hã la, egahiã vevie be míanɔ agbe ɖe nyateƒe la nu. Hafi míate ŋu awɔ esia la, ele vevie be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Nu kae esia fia? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le Yesu ƒe nya siwo wògblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me. Egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒewo be: \"Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.\"—Yohanes 15:10.\nDe dzesii be esi Yesu wɔ Fofoa ƒe sewo dzi tae wòte ŋu yi edzi nɔ Eƒe lɔlɔ̃ la me ɖo. Nenema kee wòanɔ le míawo hã gome egbea. Be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa la, ele be míanɔ agbe ɖe nyateƒea nu gbe sia gbe. Le zã ma ke me la, Yesu gblɔ be: \"Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.\"—Yohanes 13:17.\nMíele mɔ kpɔm vevie be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ agbe nɔm ɖe nyateƒea nu ale be nànɔ \"Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa . . . hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.\"—Yuda 21.\nYehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha La","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/d%C9%94dzikp%C9%94ha-%C6%92e-l%C9%9Bta\/","date":"2018-03-17T10:25:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257644877.27\/warc\/CC-MAIN-20180317100705-20180317120705-00540.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979428053,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979428052902222}","num_words":298,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.285,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefowo, ame siwo nye magazine sia talawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. (Yohanes 17:16; 18:36) Togbɔ be nyati sia ƒo nu tso dukɔmeviwo ƒe gbɔlɔlɔ siwo le edzi yim le dukɔ aɖewo me ŋu hã la, mede dukɔ alo dunyaheha aɖeke dzi o.\nLE December 17, 2010 dzi la, Mohamed Bouazizi se le eɖokui me be yemagate ŋu ado dzi atsɔ nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole ɖe ye ŋu o. Ðekakpui sia si xɔ ƒe 26 la dzraa nu le mɔ to le Tunisia, eye dziku aɖe nɔ dɔ me nɛ le esi mekpɔ dɔ gbagbe aɖeke le wɔwɔm o ta. Enya nu tso ale si dziɖuɖumegã nu fitifiti wɔlawo xɔa zãnui la hã ŋu. Gbe ɖeka ŋdi la, kpovitɔwo ƒe amegã aɖe ɖo asi peya, akɔɖu kple yevutɔ siwo dzram wòle la dzi. Esi wonɔ nuawo xɔm le esi la, melɔ̃ nu na wo kura o, eye nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be nyɔnu kpovitɔ aɖe ƒo tome nɛ.\nMohamed do dziku vevie be wodo vlo ye, eye wòyi dziɖuɖudɔwɔƒe si le nutoa me be yeaɖagblɔ nu si wowɔ ɖe ye ŋu la na wo. Gake womelɔ̃ xɔe o. Nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be edo ɣli gblɔ le dɔwɔƒea ŋgɔ be, \"Aleke miebe mawɔ akpɔ ɖokuinye dzi?\" Ekɔ mɔmemi ɖe eɖokui ŋu hetɔ dzo eɖokui. Efiã vevie, eye mede kwasiɖa etɔ̃ hafi wòku o.\nMohamed Bouazizi ƒe nuwɔna sia wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi le Tunisia kple dukɔ bubuwo me. Ame geɖe bui be eƒe nuwɔna siae na be dukɔmeviwo mu dziɖuɖua ƒu anyi, eye eteƒe medidi o dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ yi edzi le Arab dukɔ bubuwo me. Togbɔ be Bouazizi ku hã la, eya kple ame ene bubu aɖewoe Europa ƒe Sewɔtakpekpea tia be woana ƒe 2011 Sakharov Susuɖeɖegblɔ Ƒe Ablɔɖe Nunana la, eye London nyadzɔdzɔgbalẽ The Times hã tiae be eyae nye ame si ɖe dzesi wu le ƒe 2011 me.\nKpɔɖeŋu sia ɖee fia be gbɔlɔlɔ ate ŋu ahe tɔtrɔ gãwo avɛ. Gake nu ka gbɔe ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo le edzi yi le ŋkeke siawo me la tso? Egbɔkpɔnu bubu aɖe lia?\nNu Ka Tae Dukɔmeviwo Ƒe Gbɔlɔlɔ Dzi Ðe Edzi?\nNu siwo ta amewo lɔa gbɔ ɖo la dometɔ aɖewoe nye esiawo:\nDzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe ale si nuwo le edzi yim le woƒe dukɔa me ŋu. Ne dukɔmeviwo kpɔe be dziɖuɖuwo kple asitsahabɔbɔwo le yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na yewo la, wometsia dzi kura be yewoatsi tre ɖe wo ŋu o, ke ɖe wodzea agbagba boŋ be yewoaƒoe ɖe wo nu woakpɔ kuxiwo gbɔ. Gake ne dukɔmeviwo kpɔe be dukplɔlawo kple asitsalawo nye nu fitifiti wɔlawo kple nu madzɔmadzɔ wɔlawo, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔa wo tɔ gome la, amewo nɔa klalo na aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu.\nNudzɔdzɔ. Zi geɖe la, nudzɔdzɔ aɖee nana dukɔmeviwo dzea aglã, wokpɔnɛ be manyo be yewoayi edzi aɖo asi glã anɔ nu kpɔm o, ke boŋ ehiã be yewoatso kpla awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mohamed Bouazizi ƒe nudzɔdzɔa de zitɔtɔ Tunisia dukɔa me. Le India la, Anna Hazare si gbe nuɖuɖu le nu fitifiti wɔwɔ si le edzi yim le dukɔa me ta la na be edzidela gbogbo aɖewo lɔ gbɔ le dugã kple kɔƒe 450 me le dukɔa me godoo.\nNu nyui kawoe do tso gbɔlɔlɔ siawo me?\nAme dahewo kpɔ gbɔdzɔe. Esi amewo lɔ gbɔ le xɔhayanyawo ta le Chicago si le Illinois le United States le Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ me le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, dziɖuɖua na wodzudzɔ amewo nyanya le woƒe aƒewo me, eye woxɔ gbɔlɔlawo dometɔ aɖewo ɖe dɔ me. Le New York City la, gbɔlɔlɔ ma tɔgbi na ƒome 77,000 siwo wonya le xɔ me la gbugbɔ yi woƒe xɔwo me.\nWotsi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu. Esi ameyibɔwo gbe bɔswo ɖoɖo le ƒe 1955 kple 1956 me le Montgomery, Alabama le United States la, wote fli ɖe se aɖe si wode si de vovototo ameyibɔwo kple yevuwo dome le ʋuɖonyawo me la me.\nWodzudzɔ dɔwɔƒe aɖewo tutu. Le December 2011 me la, ame akpe geɖewo lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe elektrikŋusẽdɔwɔƒe aɖe si woɖo be woatu le teƒe si gogo Hong Kong la ŋu, elabena wovɔ̃ be atu aɖiya vɔ̃ɖiwo ɖe yame, esia na be wote fli ɖe ɖoɖo ma me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201307\/gb%C9%94l%C9%94l%C9%94e-akp%C9%94-kuxia-gb%C9%94a\/","date":"2018-03-19T16:39:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647003.0\/warc\/CC-MAIN-20180319155754-20180319175754-00611.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988499284,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988499283790588}","num_words":694,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.281,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nCameroon (Cameroun)\nLes Témoins de Jéhovah du Cameroun\nBP 889\nDOUALA\nCAMEROON\n+237 3339-0250\n+237 3339-2101\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 7 miniti 45 va se ɖe ŋdɔ ga 12 kple ŋdɔ 1 miniti 15 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/cameroon\/","date":"2018-04-22T22:40:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945660.53\/warc\/CC-MAIN-20180422212935-20180422232935-00098.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986406565,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986406564712524}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.307,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Na míade ŋugble le ƒe ʋɛ siwo va yi ŋu kpɔ. Nehemiya si nye Fia Artasasta ƒe subɔvi nye Israel-vi nɔ Persia dugã Susan me. Nehemiya nɔvi aɖe tso Yuda va gblɔ nya vɔ̃ aɖe nɛ be: 'Ame siwo trɔ yi Yerusalem la mele dedie o. Womegbugbɔ dua ƒe gli kple agbo siwo Babilontɔwo gbã la tu o.' Nya sia te ɖe Nehemiya dzi. Edi be yeayi ava na kpekpeɖeŋu le Yerusalem, eya ta edo gbe ɖa be fia la naɖe mɔ na ye yeayi.\nEmegbe la, fia la kpɔ be Nehemiya lé blanui. Fia la biae be: 'Nyemekpɔ wò nèlé blanui alea kpɔ o. Nu kae wɔwòm?' Nehemiya ɖo eŋu be: 'Nu ka tae nyemalé blanui esi Yerusalem gliawo gbã o?' Fia la biae be: 'Nu kae nèdi be mawɔ na wò?' Enumake Nehemiya do gbe ɖa ɖe tame. Eye wògblɔ na fia la be: 'Meɖe kuku, na mayi Yerusalem agbugbɔ gliawo aɖo.' Fia Artasasta ɖe mɔ na Nehemiya be wòayi, eye fia la wɔ nu siwo ana be wòanɔ dedie le mɔ legbe la zɔzɔ me. Eɖo Nehemiya Yuda nutoa dzi ɖula eye wòna ati siwo wòatsɔ awɔ dua ƒe agbowo lae.\nEsi Nehemiya va ɖo Yerusalem la, elé ŋku ɖe dua ƒe gliwo ŋu. Emegbe eƒo nunɔlawo kple dumegãwo nu ƒu eye wògblɔ na wo be: 'Nu sia menyo kura o. Ele be míatso ɖe dɔ ŋu.' Ameawo lɔ̃ ɖe edzi eye wodze gliawo ɖoɖo gɔme.\nGake Israel-viwo ƒe futɔ aɖewo ɖu fewu le wo ŋu eye wogblɔ be: 'Abei ate ŋu amu gli si ɖom miele la.' Dɔwɔlawo mede nu eme na wo o, woyi glia ɖoɖo dzi. Glia nɔ dzi yim eye wònɔ sesẽm ɖe edzi.\nFutɔawo ɖoe be yewoato mɔ aɖewo dzi ava dze Yerusalemtɔwo dzi le vo me. Esi Yudatɔwo se nugbe si woɖo ɖe wo ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake Nehemiya gblɔ be: 'Migavɔ̃ o. Yehowa li kpli mí.' Eɖo dzɔlawo be woakpɔ dɔwɔlawo ta, eye esia wɔe be futɔawo mete ŋu va dze wo dzi o.\nLe ŋkeke 52 pɛ ko me la, woɖo gliawo wu enu eye wode agboawo hã. Nehemiya na Lewi viwo va ƒo ƒu ɖe Yerusalem be woakɔ glia ŋu. Eɖo wo wonye hadziha eve. Woto Vudogboa ƒe atrakpuia dzi yi glia dzi eye hadziha ɖeka to glia ƒe akpa ɖeka eye evelia to akpa kemɛa ƒo xlã dua. Woku kpẽwo, ƒo gakogoewo kple saŋkuwo eye wodzi ha kafu Yehowa. Ezra yi kple hadziha ɖeka eye Nehemiya hã yi kple hadziha kemɛa eye wova do go le gbedoxɔa me. Ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo sa vɔwo na Yehowa eye woɖu azã. Wose woƒe dzidzɔɣlia le didiƒe ke.\n\"Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o.\"—Yesaya 54:17","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/yerusalem-%C6%92e-gliawo\/","date":"2018-04-21T00:51:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125944848.33\/warc\/CC-MAIN-20180420233255-20180421013255-00164.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990803599,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990803599357605}","num_words":452,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.011,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le zã aɖe me la, Nebukadnezar ku drɔ̃e dziŋɔ aɖe. Eyɔ eƒe nunyalawo be woava ɖe drɔ̃ea gɔme na ye. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nɛ o. Emegbe fia la ƒo nu kple Daniel.\nNebukadnezar gblɔ na Daniel be: 'Mekpɔ ati aɖe le drɔ̃e me. Ekɔkɔ ale gbegbe be etɔ dziƒo. Woate ŋu akpɔe le xexea ƒe afi sia afi. Eƒe aŋgbawo nya kpɔ eye kutsetse geɖe le edzi. Lãwo nɔa eƒe vɔvɔli te eye xeviwo wɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi. Eye mawudɔla aɖe ɖi tso dziƒo va. Edo ɣli gblɔ be: \"Milã ati la ƒu anyi, eye milã eƒe alɔwo. Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mitsɔ gayibɔ kple akɔbli blae. Woatrɔ eƒe dzi, be wòaganye amegbetɔ ƒe dzi azɔ o, eye wòazu abe lã ƒe dzi ene, va se ɖe esime ɣeyiɣi adre nava yi nɛ. Ne agbagbeawo nanyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye ame si dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ nana.\"'\nYehowa ɖe drɔ̃ea gɔme na Daniel. Esi Daniel va se drɔ̃ea gɔme la, evɔ̃ ŋutɔ. Egblɔ be: 'Oo fia, wò futɔwo ŋue wòle be drɔ̃e sia naɖi hafi, gake ŋuwòe wòku ɖo. Wòe nye ati gã si wolã ƒu anyi la. Woaxɔ fiaɖuƒe la le asiwò, eye àɖu gbe le gbe me abe gbemelã ene. Gake esi mawudɔlaa gblɔ be woagblẽ takpoea ɖe to me ta la, àgazu fia ake.'\nLe ƒe ɖeka megbe la, Nebukadnezar nɔ zɔzɔm le eƒe xɔta si le gbadzaa eye wònɔ ŋku lém ɖe ale si Babilon nya kpɔe ŋu. Egblɔ be: 'Mikpɔ du gã si metso la ɖa. Menye ame vie menye o! Esi wònɔ nua ƒom la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: 'Nebukadnezar! Woxɔ fiaɖuƒe la le asiwò.'\nLe ɣeyiɣi ma tututu me la, Nebukadnezar dze aɖaʋa eye wòzu abe gbemelã ene. Wonyae le eƒe fiasãa me eye wòyi ɖanɔ lãwo dome le gbe me. Nebukadnezar ƒe ɖa to legbee abe hɔ̃ ƒe fuwo ene, eye eƒe fewo to abe xewo tɔ ene.\nLe ƒe adre megbe la, Nebukadnezar ƒe mo kɔ eye Yehowa gatsɔe ɖo fia le Babilon. Eye Nebukadnezar gblɔ be: 'Mele Yehowa, Dziƒofia la kafum. Azɔ menyae be Yehowae nye Dziɖula. Ebɔbɔa dadalawo ɖe anyi, eye ate ŋu atsɔ fiaɖuƒe ana ame sia ame si wòdi.'\n\"Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.\"—Lododowo 16:18","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/nebukadnezar-dr%C9%94%CC%83e-ati\/","date":"2018-04-22T19:57:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00026.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985878468,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985878467559814}","num_words":397,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fiaɖuƒe Akpatawo Tutu Doa Tadedeagu Vavã Ðe Ŋgɔ\nAleke Yehowa Ðasefowo wɔ le tadeaguƒewo tum le dukɔ siwo me ganyawo mede ame dzi le o eye hameviwo le dzidzim ɖe edzi la me? Kpɔ video sia nàkpɔ xɔtudɔ wɔnukutɔ siwo wɔm wole le anyigba dzi la dometɔ ɖeka.\nSrɔ̃ Nu Geɖe Wu\nMÍAƑE DƆWƆNAWO\nMíezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo faa tsɔ tua míaƒe tadeaguƒewo kple dɔwɔƒewo le xexea me godoo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/fia%C9%96u%C6%92e-akpata-tutu-tadedeagu-vav%C3%A3\/","date":"2018-06-19T15:13:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984343052,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99843430519104}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.19,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OCTOBER (KELE) 20, 2015\nGHANA\nACCRA, Ghana—Le August (Dasiamime) 2015 ƒe nuwuwu la, Yehowa Ðasefowo wu kpekpeɖeŋunana ame siwo ƒe nuwo tsi ɖe le Ghana ƒe fiadu Accra me la nu. Tsiɖɔɖɔ dziŋɔ aɖe gblẽ amewo ƒe nunɔamesiwo kple aƒewo dome eye ame 200 kple edzivɔ ƒe agbe tsi eme.\nTogbɔ be Ðasefo aɖeke ƒe agbe metsi eme o hã la, tsiɖɔɖɔa na be wo dometɔ 250 aɖewo ʋu le woƒe aƒewo me. Le June (Masa) 4, 2015, si nye tsiɖɔɖɔa ƒe ŋufɔke dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ghana ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe anyi, eye kɔmitia biã ŋku ɖe kpekpeɖeŋu siwo ameawo hiã kpata la nana ŋu, wotsɔ kuntruwo, avɔwo kple tsi yi na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le. Kɔmitia wɔ ɖoɖo hã wodzra aƒe siwo tsi ɖe la hã ɖo. Ðasefo siwo le Accra-nutoa me hã kpe asi ɖe dɔ sia ŋu, esi wona woƒe haxɔsetɔ siwo tsi ɖe la va tsi woƒe aƒewo me gbɔ.\nTsiɖɔɖɔa na mɔmemidzraƒe aɖe lé dzo le Adabraka eye pɔmpikawo dome gblẽ, si wɔe be nuto ma me tɔwo megakpɔ tsi azã o. Alɔdzedɔwɔƒea tsɔ tsigo gã aɖe va da ɖe Fiaɖuƒe Akpata (tadeaguƒe) si le Adabraka la me, ale be Ðasefoawo kple woƒe aƒelikawo nakpɔ tsi azã.\nLe Memleɖa, June (Masa) 6 dzi la, alɔdzedɔwɔƒea dɔ atikewɔlawo ƒe hatsotso eve ɖo ɖe teƒeawo, ɖɔkita atɔ̃ kple dɔnɔdzikpɔla eve siwo katã nye Ðasefowo kpɔ woƒe haxɔsetɔwo kple ame bubu siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le le nuto siwo woyɔna be Alajo kple Adabraka me la gbɔ. Wokpɔ lãmesẽnya vovovowo gbɔ, ɖewo nye asrã alo atikesi, akɔtadɔ eye ɖewo hã mitsinyenye. Alɔdzedɔwɔƒea ƒe teƒenɔlawo kple Ðasefo siwo le nutoa me hã yi ɖakpɔa woƒe haxɔsetɔwo ɖa eye wogblɔa Biblia me nyawo tsɔ dea dzi ƒo na wo hefaa akɔ na wo.\nAƒetɔ Nathaniel Gbedemah, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Ghana gblɔ be: \"Nu siwo gbegbe dome Accra tsiɖɔɖɔa gblẽ kple ame siwo gbegbe ƒe agbe tsi eme la te ɖe mía dzi ŋutɔ. Abe ale si Yehowa Ðasefowo wɔe le nuto bubuwo me ene la, míele nu siwo katã míate ŋui la wɔm le seselelãme, ŋutilã me kple gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nam ame siwo ŋuti tsiɖɔɖɔ sia gblẽ nu le.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nGhana: Nathaniel Gbedemah, tel. +233 30 701 0110","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-39","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/ghana\/kpekpe%C9%96e%C5%8Bu-tsi%C9%96%C9%94%C9%96%C9%94\/","date":"2018-09-23T12:47:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-39\/segments\/1537267159359.58\/warc\/CC-MAIN-20180923114712-20180923135112-00559.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992064834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992064833641052}","num_words":381,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ September 2014 | Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?\nNu kae míawɔ be woagagblẽ anyigba la wòagbɔ dzadzraɖo me yi o?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMenye ɖeko Biblia gblɔ ale si wole anyigbaa gblẽm fifia la ɖi o, ke egblɔ nu si ado tso eme hã ɖi.\nƲɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiame vevi ene dzie ʋɔnudrɔ̃lawo zɔna ɖo le Israel.\nAGBEMEŊUTINYA\nƑe 65 ye nye esia la, nane dzɔ si na Peter Carrbello trɔ eƒe agbemetaɖodzinu.\nBiblia sia si nɔ anyi le blema la ɖo kpe edzi be mawunyakpukpui aɖewo le Biblia aɖewo me egbea siwo menɔ nuŋlɔɖi gbãtɔwo me o.\nÐe wòle be míado gbe ɖa na mawudɔlawoa?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBu nu si tae Mawu ƒe dziɖuɖua ƒo dziɖuɖu bubu ɖe sia ɖe ta sãsãsã la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140901\/","date":"2019-06-20T09:11:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999200.89\/warc\/CC-MAIN-20190620085246-20190620111246-00040.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974867702,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974867701530457}","num_words":126,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Yehowa wɔa amedzro na mí katã,\n'Labena enyoa dɔme\nna 'me sia 'me.\nEnaa eƒe ɣe kple\ntsidzadza 'me'o katã,\nTsɔ nu nyuiwo yɔ míaƒe dzi me.\nNe míekpe ɖe ame dahewo ŋu la,\nMíasrɔ̃ Ma'u abe via lɔlɔ̃awo ene.\nMawu aɖo nyui si'o míewɔ teƒe na mí;\nNe míeɖe dɔmenyo vavã fia.\n2. Míenya be yayra geɖewo ado tso\nNyui siwo míawɔ\nna amewo la me.\nTogbɔ be woanye\namedzrowo gɔ̃ hã la,\nMíana nu siwo hiã wo la wo.\nMíasrɔ̃ Lidia, ana woadze mía gbɔ faa.\nNe wovaa, míana woakpɔ tomefafa.\nMía Mawu gã la nya ame siwo katã\nSrɔ̃a eƒe nublanuikpɔkpɔ la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/100-miw%C9%94-amedzro-na-wo\/","date":"2019-06-19T11:23:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998959.46\/warc\/CC-MAIN-20190619103826-20190619125826-00272.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969144464,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969144463539124}","num_words":104,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.154,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbe ɖeka esi Xawa ɖeɖe le abɔa me la, da aɖe va ƒo nu nɛ. Da la biae be: 'Nyateƒee wònye be Mawu gblɔ be migaɖu atiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?' Xawa ɖo eŋu nɛ be: 'Míate ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ɖeka ko. Ne míeɖu ati ma ƒe tsetse la míaku.' Da la gblɔ nɛ be: 'Miaku o. Ke boŋ ne mieɖui la, mianɔ abe Mawu ene.' Nyateƒeea? Ao, alakpae! Gake Xawa xɔ nya ma dzi se. Esi Xawa nɔ atikutsetsea kpɔm la, edzroe. Eɖu atikutsetsea eye wòna ɖe Adam hã wòɖu. Adam nya be ne yewomeɖo to Mawu o la, yewoaku. Gake eɖu atikutsetsea.\nGbemagbe ke la, Yehowa ƒo nu na Adam kple Xawa. Ebia wo be nu ka tae womeɖo to ye o hã. Xawa gblɔ be da lae na, eye Adam hã be Xawae na. Esi Adam kple Xawa meɖo to Yehowa o ta la, enya wo le abɔa me. Esi medi be woagatrɔ ava abɔa me o ta la, ena mawudɔlawo kple yi aɖe si nɔ bibim la va nɔ abɔa ƒe mɔ nu.\nYehowa gblɔ be yeahe to na ame si ble Xawa la hã. Menye da la ŋutɔe ƒo nu na Xawa o. Yehowa mewɔ dawo be woaƒo nu o. Mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee na da la ƒo nu. Ewɔ esia tsɔ ble Xawa. Mawudɔla ma ŋkɔe nye Satana Abosam. Eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ Satana ale be magate ŋu able amewo be woawɔ nu gbegblẽwo azɔ o.\n'Amewulae Abosam nye tso gɔmedzedzea me ke, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.'—Yohanes 8:44, etenuŋɔŋlɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/2\/adam-kple-xawa-me%C9%96o-to-mawu\/","date":"2019-06-24T17:44:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999620.99\/warc\/CC-MAIN-20190624171058-20190624193058-00518.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979490638,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979490637779236}","num_words":269,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mediatɔ Dario ye va zu Babilon-fia yeyea. Dario kpɔe be Daniel le etɔxɛ. Eya ta etsɔ Daniel ɖo amegãwo nu le eƒe fiaɖuƒea me. Amegãwo ʋã ŋu Daniel eye wodi be yewoaɖee ɖa. Wonya be Daniel doa gbe ɖa na Yehowa zi etɔ̃ gbe sia gbe, eya ta wogblɔ na Dario be: 'Oo fia, de se be ame sia ame nado gbe ɖa na wò ɖeɖe ko. Ame sia ame si mawɔ ɖe se sia dzi o la woatsɔe aƒu gbe ɖe do si me dzatawo sɔ gbɔ ɖo fũu la me.' Nyaa vivi na Dario eya ta ede asi sea te.\nEsi Daniel se se yeyea ko la, eyi aƒe me. Edze klo ɖe fesre aɖe si le ʋuʋu ɖi la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Amegã siwo nɔ ŋu ʋãmee la va do ɖe edzi bibibi eye wolée wònɔ gbe dom ɖa. Woƒu du yi Dario gbɔ eye wogblɔ nɛ be: 'Daniel gbe toɖoɖo wò. Edoa gbe ɖa na Mawu zi etɔ̃ gbe ɖeka.' Dario lɔ̃ Daniel eya ta medi be wòaku o. Ede ŋugble le ale si wòakpe ɖe Daniel ŋu ŋkeke bliboa. Gake fia gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ se si te wòde asii la o. Ele be wòaɖe gbe na eƒe amewo be woatsɔ Daniel aƒu gbe ɖe dzata siwo wɔa adã la ƒe do me.\nDario tsi dzi ɖe Daniel ŋu vevie ale be mete ŋu dɔ alɔ̃ le zã ma me o. Esi ŋu ke la, eƒu du yi doa gbɔ eye wòdo ɣli yɔ Daniel gblɔ be: 'Ðe wò Mawu la ɖe wòa?'\nDario se gbe aɖe. Daniel ƒe gbee! Egblɔ na Dario be: 'Yehowa ƒe dɔla aɖe mia nu na dzatawo. Ale be womewɔ nu vevim o.' Dzi dzɔ Dario ale gbegbe! Eɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Nu vevi aɖeke mewɔ Daniel o. Emegbe fia la ɖe gbe be: 'Mitsɔ ŋutsu siwo tso Daniel nu la ƒu gbe ɖe do la me.' Esi wotsɔ wo ƒu gbe ɖe doa me la dzataawo vuvu wo.\nDario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe eƒe dukɔa me tɔwo katã be: 'Ame sia ame navɔ̃ Daniel ƒe Mawu la. Elabena eɖe Daniel tso dzatawo si me.'\nÐe nèdoa gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe abe Daniel enea?\n\"Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.\"—2 Petro 2:9","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/10\/daniel-kple-dzatawo-%C6%92e-do-la\/","date":"2019-06-16T14:44:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998250.13\/warc\/CC-MAIN-20190616142725-20190616164725-00438.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948198795,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9948198795318604}","num_words":394,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi si woɖo nyitsɔ laa ye nènyea? Ðewohĩ aɖaŋu kple ŋutetewo le asiwo, alo ède suku yi ŋgɔ wu subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsi bubuawo. Ke hã, nu geɖe li nàte ŋu asrɔ̃ tso nɔvi siawo kple nɔvi bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me gake womegale agbanɔamedzinɔƒe o le tsitsi, dɔléle alo ƒomegbanɔamedziwo ta la gbɔ.\nMIKPƆ VIDEO SI NYE DE BUBU AME TSITSIWO ŊU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:\n1. Aleke Nɔviŋutsu Richards ɖee fia be yede bubu Nɔviŋutsu Bello ŋu?\n2. Vodada kae Ben wɔ, eye nu ka tae?\n3. Nu kae Ben srɔ̃ tso Elisa ƒe kpɔɖeŋua me?\n4. Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnue nènye la, aleke nàɖee afia be yedea bubu nɔvi Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la ŋu kple susu be yeasrɔ̃ nu tso wo gbɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/july-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-july22-28\/nu-kae-asr%C9%94%CC%83-tso-wo-gb%C9%94\/","date":"2019-06-17T21:11:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00254.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985749125,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985749125480652}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"BIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.\"—Kolosetɔwo 3:13.\nNu kae esia fia? Le Biblia me la, wotsɔ nu vɔ̃ sɔ kple fenyinyi, eye wotsɔ tsɔtsɔke sɔ kple fe si ame aɖe nyi la tsɔtsɔ kee. (Luka 11:4) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe le Ŋɔŋlɔawo me be \"tsɔ ke\" la fia \"be woatsɔ fe si ame aɖe nyi la akee, eye womagabia be wòaxee azɔ o.\" Eya ta ne míetsɔ vɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu ke la, míagabia naneke tso agɔdzelaa si o. Ne míelɔ̃ faa tsɔe ke la, mefia be míeda asi ɖe nu gbegblẽ si amea wɔ la dzi o, eye mefia hã be míesusu be nu si wòwɔ ɖe mía ŋu la medze vɔ̃ o. Nu si wòfia koe nye be míalé amea ɖe dɔ me o, togbɔ be 'nya aɖe le mía si ɖe eŋu' eye mía tɔ dzɔ gɔ̃ hã.\nÐe wògaɖea vi egbea? Esi míenye ame madeblibowo ta la, mí katã míewɔa nu vɔ̃. (Romatɔwo 3:23) Eya ta nunya le eme be míatsɔ anɔ amewo kem faa, elabena míawo hã míava hiã ame bubuwo ƒe tsɔtsɔke godoo. Gakpe ɖe eŋu la, ne míelɔ̃ faa tsɔe ke amewo la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. Le mɔ ka nu?\nNe míebi dzi helé dziku ɖe dɔ me, si fia be míegbe tsɔtsɔke la, míagblẽ nu le mía ɖokui ŋu. Seselelãme manyomanyo mawo ate ŋu awɔe be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o, míaxaxa le mía ɖokui me, eye míalé blanui. Woate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ hã ŋu vevie. Dzi ŋuti numekulawo ƒe agbalẽ si Ðɔkta Yoichi Chida kple Susuŋutinunyalagã Andrew Steptoe ŋlɔ la ƒo nya ta be: \"Nu siwo míenya fifia ɖee fia be kadodo kplikplikpli le dziku kple dzibibi kpakple dzidɔ dome.\"—Journal of the American College of Cardiology.\nAzɔ bu viɖe siwo tsɔtsɔke hena vɛ ŋu kpɔ. Ne míetsɔ ke amewo faa la, enana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔa mía dome, si wɔnɛ be mía kple amewo dome nɔna nyuie. Gawu la, eɖenɛ fiana be míenye Mawu srɔ̃lawo, elabena etsɔa nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo kea wo eye wòkpɔa mɔ be míawo hã míawɔe nenema ke.—Marko 11:25; Efesotɔwo 4:32; 5:1.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151001\/ale-si-n%C3%A0ts%C9%94-ake-faa\/","date":"2019-06-25T13:45:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999838.27\/warc\/CC-MAIN-20190625132645-20190625154645-00170.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963539243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963539242744446}","num_words":388,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míaƒe dɔwɔƒea wɔa dɔ na dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe si le nutoa me. Zi geɖe la, ehiãna be míalala ɣleti eve alo etɔ̃ hafi woaxe fe na mí. Ke hã, dziɖuɖudɔwɔla aɖe ƒo ka nam nyitsɔ laa hegblɔ be yeate ŋu ana fetua nava nɔ mía si kam kaba wu nenye be míadi nane ade go me na ye.\"—JOHN. *\nÐE WOWƆ nu fitifiti ɖe ŋuwò kpɔa? Togbɔ be ɖewohĩ manɔ abe esi ŋu míeƒo nu tsoe le etame ene o hã la, anɔ eme godoo be amewo ƒe nu fitifiti wɔwɔ gblẽ nu le ŋuwò kpɔ.\nLe habɔbɔ aɖe (Transparency International) ƒe ƒe 2011 ƒe nyatakaka si ku ɖe nu fitifiti wɔwɔ si gbegbe le dukɔwo me ƒe nya nu la, nu fitifiti wɔwɔ xɔ aƒe ɖe dukɔ kple nuto 183 siwo ŋu wowɔ numekuku tsoe la me ŋutɔ. Ƒe eve do ŋgɔ la, habɔbɔ sia ɖee fia be nyatakaka si yewoɖe ɖe go le ƒe 2009 me la na ale si gbegbe nu fitifiti wɔwɔ keke tae la dze ƒãa esi wògblɔ be: \"Ðikeke mele eme o be nuto aɖeke mele xexe sia me si me nu fitifiti wɔwɔ megblẽa nu le o.\"\n\"Nu fitifiti wɔwɔ nye ame ƒe ɖoƒe ŋu dɔwɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu hena ye ŋutɔ ƒe viɖe. Ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ƒe anukwaremaɖimaɖi gblẽa nu le ame siwo ɖoa ŋu ɖe wo ŋu la ƒe agbe, dɔwɔɖui kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu.\"—TRANSPARENCY INTERNATIONAL\nƔeaɖewoɣi la, afɔkue dona tsoa eme. Le kpɔɖeŋu me, Time magazine ka nya ta be \"nu fitifiti wɔwɔ kple ɖekematsɔleme\" hã le eme tae ame gbogbo mawo gbegbe ku esi anyigba ʋuʋu sesĩe le Haiti le ƒe 2010 me. Egblɔ kpee be: \"Amewo tua xɔwo xɔtuɖaŋuwɔlawo ƒe asi manɔmee, eye dziɖuɖudɔwɔla siwo kpɔa xɔtunyawo gbɔ la xɔa zãnu zi geɖe.\"\nÐe nu fitifiti wɔwɔ nu ava yi keŋkeŋ gbe aɖe gbea? Hafi míate ŋu aɖo nya sia ŋu la, ele be míanya nu siwo koŋ gbɔe wòtsona be amewo wɔa nu fitifiti. Míadzro esiawo me le nyati si kplɔe ɖo me.\n^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121001\/widespread-effects-of-corruption\/","date":"2019-06-19T17:34:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00204.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975188971,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975188970565796}","num_words":334,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈDE dzesii be wò Biblia nusrɔ̃vi ƒe nu ku ŋutɔ esi wòse mawunyakpukpui aɖe si miexlẽ ku ɖe Paradiso mɔkpɔkpɔa ŋu la gɔme. Egbɔ fũu, eye wògblɔ be, \"Ðe miele gbɔgblɔm be ele Biblia me be míava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba sia dzia?\" Ame si mia kplii miele gbeadzi la ko alɔgbɔnu vie hegblɔ be, \"Ye ma wò ŋutɔ nèxlẽ le Biblia me ɖe, alo?\" Nu bliboa wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi wòʋuʋu ta hegblɔ be, \"Ewɔ nuku nam ŋutɔ be nyemese nya sia kpɔ o!\" Enumake èɖo ŋku edzi be egblɔ nya ma tɔgbi kwasiɖa ʋɛ aɖewo va yi esi wòva nya zi gbãtɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.\nÐe ame aɖe wɔ nu alea nèkpɔ kpɔa? Mawusubɔla geɖewo kpɔ eteƒe enuenu. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi ɖoa ŋku edzi na mí vevie be kesinɔnu gã aɖee wònye su mía si be míedze si nyateƒea. Gake tɔ vie nàbu nya sia ŋu kpɔ: Aleke kesinɔnu ma wɔ va su asiwò? Míadzro nyabiase sia me le agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ sia me. Ale si gbɔgbɔmenumekɔkɔ le Mawu ƒe amewo si sum vivivi la nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum vavã. Ƒe alafa ɖekae nye esia la, Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu Kristo le egbɔ kpɔm vevie be woafia nyateƒea Mawu ƒe amewo.\nLE AKPA SIA\nTA 3\nÐe Fiaɖuƒea nɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea mea? Aleke Yesu na Fiaɖuƒea me va kɔ ɖe edzi?\nTA 4\nNu kae Fiaɖuƒea wɔ tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? Akpa kae nàte ŋu awɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ me?\nTA 5\nÀse nu geɖe gɔme tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eƒe dziɖulawo, eteviwo, kple nu si nuteƒewɔwɔ nɛ bia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/nyate%C6%92e\/","date":"2019-06-17T11:26:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00342.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988893867,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988893866539001}","num_words":280,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! June 2014 | Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Nyui?\nNublanuitɔe la, xɔlɔ̃ nyuiwo kpɔkpɔ gakpɔtɔ nye nu didokpoe na ame geɖewo egbea. Nu ka tae wòle alea? Eye nu kae wòle be xɔlɔ̃wo nawɔ hafi woƒe xɔlɔ̃kadodoa nanɔ anyi ɖaa? Xlẽ nu tso Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋu.\nXlẽ nu tso ale si kɔdzi siwo kpɔa vidzinyawo gbɔ le Canada menya nu si woawɔ kple fugboe siwo wotsɔ de nufamɔ̃ me la wòasɔ le se nu o, nudzodzoeviwo ɖuɖu ɖe lã teƒe, dɔwɔƒe yeye siwo kpɔa srɔ̃ɖeɖe dzi le Ireland ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme geɖe bunɛ be ele vevie be xɔlɔ̃ nyui nanɔ ame si. Aleke nàte ŋu anye xɔlɔ̃ nyui na amewo? Nyati sia ƒo nu tso Biblia me mɔfiame ene siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze xɔlɔ̃ nyuiwo ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nNu kae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku? Ðe mɔkpɔkpɔ li be míagava wɔ ɖeka kple míaƒe ame vevi siwo ku la akea? Xlẽ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nJoseph Priestley ɖale nu ŋlɔm tso dzɔdzɔmeŋutinunya alo mawusubɔsubɔ ŋu o, egbea nya siwo ŋu kpeɖodzi mele o heléa nyateƒenyawo kple nya vavãwo me ɖe asi. Kpɔ ale si eƒe numekukuwo kple agbalẽ siwo wòŋlɔ la gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi va se ɖe egbea la ɖa.\nAɖulãdɔ nye dɔléle siwo bɔ wu la dometɔ ɖeka. Nu ka gbɔe wòtsona? Aleke nàwɔ anya be aɖulãdɔ le ye ŋu? Eye nu kawo nàwɔ ale be nàƒo asa nɛ.\nHELP FOR THE FAMILY\nMigalala ga navɔ le mia si hafi miava nɔ gazazã nyuie ŋu bum o. Misrɔ̃ ale si miazã ga nyuie hafi nuwo nava gbe asi me na mi.\nWAS IT DESIGNED?\nDzesidede mɔ ƒe ŋutete ka ŋu dɔe adoŋgo wɔna? Nu kae amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso adoŋgo gbɔ?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAsitelefon wɔa akpa vevi aɖe le sɔhɛ geɖewo ƒe hadomegbenɔnɔ me. Vi kawoe asitelefon ɖena? Afɔku kawoe le ezazã me?\nNu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe ɖevimenɔɣi le Egipte la ŋu? Wɔ dɔdeasi siawo ƒe kɔpi eye miaƒe ƒomea nadzro wo me ɖekae.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201406\/","date":"2019-06-15T21:04:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997335.70\/warc\/CC-MAIN-20190615202724-20190615224511-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984574914,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984574913978577}","num_words":359,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne ame bubuwo gblẽ wò ɖi hã la, Ame aɖe ya li si magblẽ wò ɖi gbeɖe o. Ame kae?\nFia David si nɔ anyi le blema gblɔ be: \"Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la, Yehowa ya axɔm.\"—Psalmo 27:10.\n'Dro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na wò.'—1 Petro 5:7.\nÀte ŋu axlẽ nu tso ale si Mawu di be yeakpe ɖe ŋuwò la ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 12 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org\/ee","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no2-2019-may-jun\/el%C3%A9a-be-na-w%C3%B2\/","date":"2019-06-20T09:07:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999200.89\/warc\/CC-MAIN-20190620085246-20190620111246-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983171225,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983171224594116}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.019,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.283,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Abe ale si nàde dzesii ene la, Biblia mee aɖaŋuɖoɖo siwo dze le magazine sia me la tso. Aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake siwo aɖe vi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe la le Biblia me. Mɔfiame siwo le eme ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòabu nuwo ŋu nyuie eye wòatso nya me nyuie hã.—Lododowo 1:1-4.\nBIBLIA LA ÐO AGBEMEBIABIA VEVI AÐEWO ŊU, ÐEWOE NYE:\nMíadi be wò ŋutɔ nàdi ŋuɖoɖo na biabia siawo kple bubuwo le Biblia me. Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? Ʋu jw.org\/ee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2019-jul-aug\/nu-bubu-akpe-%C9%96e-dzilawo-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-20T01:08:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.50\/warc\/CC-MAIN-20190620004625-20190620030625-00162.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993535876,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993535876274109}","num_words":92,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nAleke Kristo-hamea bua nutsuɖuɖui?\nMawu ƒe nya tsi tre ɖe ahamumu kple nutsuɖuɖu siaa ŋu be wonye nɔnɔme siwo medze Mawu subɔlawo o. Eyata Kristo-hamea bua amesi nutsuɖuɖu zu numame na la abe alesi tututu wòbua amesi zu ahanoxe ene. Ahamula loo alo nutsuɖula mate ŋu anye Kristo-hamea me tɔ o.\nLododowo 23:20, 21 gblɔ be: \"Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖovu me.\" Míexlẽ nu tso ame \"dzeaglã kple tosẽla\" aɖe, si dze na ku le Mose ƒe Sea nu, la ŋu le Mose V, 21:20. Nɔnɔme eve aɖewo si mawunyakpukpui sia ɖe fia le tosẽla sia si gbe dzimetɔtrɔ ŋue nye be enye \"ame baɖa [nutsuɖula] kple ahamula.\" Eme kɔ ƒã be le blema Israel la, wobua nutsuɖuɖu be enye nuwɔna si medze Mawu subɔla o.\nGake nukae nye nutsuɖuɖu, eye nukae Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eŋu? Nutsuɖula gɔmee nye \"amesi klẽa ŋu hevuna ɖe nuɖuɖu kple nunono ŋu numametɔe.\" Eyata edze kɔte be nutsuɖuɖu nye ŋukeklẽ ƒomevi aɖe, eye Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be ŋuklẽlawo alo \"ŋubiãlawo\" manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Filipitɔwo 3:18, 19; Petro I, 4:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe \"ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo\" ŋu la, eyɔ \"ahamumuwo, aglotutuwo, kple esia tɔgbewo\" hã. (Galatiatɔwo 5:19-21) Zi geɖe la, nutsuɖuɖu kple ahamumu hekpe ɖe aglotutuwo ŋu ye zɔna ɖekae. Gawu la, edze ƒã be nutsuɖuɖu hã le Paulo ƒe nya siwo nye \"kple esia tɔgbewo\" la me. Abe alesi wònɔna le 'ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ' bubuawo gomee ene la, ele be woaɖe Kristotɔ si wova nya nyuie be enye nutsuɖula si sẽ dzime gbe dzimetɔtrɔ tso eƒe ŋukeklẽgbenɔnɔa me la ɖa le hamea me.—Korintotɔwo I, 5:11, 13. *\nTogbɔ be Mawu ƒe Nya da ahamula kple nutsuɖula ɖe ka ɖeka dzi hã la, ahamumu ɖea dzesi le ame ŋu kaba wu nutsuɖuɖu. Ahamumu ɖea ha ame wokpɔna bɔbɔe. Gake afisi wòaɖo hafi woava nya ame aɖe be ezu nutsuɖula koŋ ya menyakpɔna dzea sii bɔbɔe o, le esi womate ŋu anɔ te ɖe gotagome ƒe dzedze me dzro ko dzi adze sii o ta. Eyata ebia be hamemegãwo natsɔ ŋuɖɔɖɔɖo blibo kple nugɔmesese deto akpɔ nya siawo tɔgbe gbɔe.\nLe kpɔɖeŋu me, lolo akpa ate ŋu anye nutsuɖuɖu ƒe dzesi, gake menɔa nenema ɣesiaɣi o. Ame aɖe ƒe lolo akpa ate ŋu atso dɔléle aɖe gbɔ. Woate ŋu anyi lolo akpa ƒe dome hã. Ele be wòanɔ susu me na mí hã be gotagomenue lolo akpa nye, le esi nutsuɖuɖu ya nye tamesusu ƒe nɔnɔme. Woɖɔ lolo akpa be enye \"amidede ɖe lãme akpa,\" gake nutsuɖuɖu ya nye \"ŋukeklẽ alo vuvu ɖe nu ŋu aɖu wòavivi ame nu ƒe agbenɔnɔ.\" Eyata menye ame ƒe lolomee wotsɔ dzidzena nutsuɖuɖui o, ke boŋ eƒe nɔnɔme ɖe nuɖuɖu ŋue. Ame ƒe lolome ate ŋu asɔ alo wòanɔ tsralɛ gɔ̃ hã, gake wòahanye nutsuɖula. Gakpe ɖe eŋu la, lolome si woagblɔ be eyae sɔ la tona vovo tso dukɔ me yi dukɔ me.\nNukae nye nutsuɖuɖu ƒe dzesiwo? Ðokuidzimaɖumaɖu nye nɔnɔme si koŋ nɔa nutsuɖula si, eɖua nu eƒe ƒo hena diŋdiŋdiŋ, dea vovo ge doa kpoe alo toa eme dzea dɔ gɔ̃ hã. Eɖokuidzimaɖumaɖu ɖenɛ fiana be metsɔa ɖeke le vlodoame si wòahe va Yehowa kple ŋkɔ nyui si le Eƒe amewo ŋu dzi me o. (Korintotɔwo I, 10:31) Gake womabu ame aɖe si ɖua nu wògbɔa eme ɣeaɖewoɣi ko la be enye nutsuɖula alo \"ŋuklẽla\" o. (Efesotɔwo 5:5) Ke hã, le Galatiatɔwo 6:1 ƒe nya nu la, ahiã be woakpe ɖe Kristotɔ sia ŋu. Paulo gblɔ be: \"Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.\"\nNukatae Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woatsri nutsuɖuɖu le vevie egbea wu? Elabena Yesu xlɔ̃ nu, le míaƒe ɣeyiɣi sia koŋ ŋu, be: \"Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.\" (Luka 21:34) Asaƒoƒo na nutsuɖuɖu nye mɔ siwo nu míato atsri agbenɔnɔ si doa afɔku ame le gbɔgbɔ me la dometɔ ɖeka.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Kpɔ \"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\" le May 1, 1986, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tata me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20041101\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-01-18T22:08:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593937.27\/warc\/CC-MAIN-20200118193018-20200118221018-00483.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990068078,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990068078041077}","num_words":710,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU TIA NUSRƆ̃LA 70 EYE WÒDƆ WO BE WOAÐAÐE GBEƑÃ\nƑe 32 K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒoe, eye anɔ abe ƒe etɔ̃e nye esia tso esime wonyrɔ Yesu. Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo de Agbadɔŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem eteƒe medidi o. Anɔ eme be wogakpɔtɔ le nutoa me. (Luka 10:38; Yohanes 11:1) Le nyateƒe me la, Yesu nɔ Yudea alo Perea nutoa, si le Yordan-tɔsisia ƒe go kemɛ dzi la me le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ɣleti ade mamlɛawo ƒe akpa gãtɔ me. Ehiã be woaɖe gbeƒã le nuto siawo hã me.\nDo ŋgɔ le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu megbe la, Yesu nɔ Yudea ɣleti aɖewo heɖe gbeƒã, eye wòzɔ mɔ to Samaria. Emegbe le ƒe 31 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɣi lɔƒo la, Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem la te kpɔ be yewoawui. Le ƒe ɖeka kple afã si kplɔe ɖo me la, Yesu fia nu le Galilea nutoa koŋ me le dziehe ɖaa. Ame geɖe va zu eyomedzelawo le ɣeyiɣi mawo me. Le Galilea la, Yesu na hehe eƒe apostolowo eye wòdɔ wo ɖa hegblɔ na wo be: \"Miɖe gbeƒã be: 'Dziƒofiaɖuƒe la gogo.'\" (Mateo 10:5-7) Azɔ ewɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe ŋu le Yudea.\nYesu tia eƒe nusrɔ̃la 70 hedɔ wo eveveve tsɔ dze gbeƒãɖeɖedɔ sia gɔme. Eya ta wo katã wonye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 siwo awɔ dɔ le anyigbamama ma si me \"nuŋeŋe la sɔ gbɔ [evɔ] dɔwɔlawo ya mede ha o\" la me. (Luka 10:2) Yesu dɔ wo ɖo ɖe eŋgɔ be woaɖaɖe gbeƒã le teƒe siwo to ge eya ŋutɔ gbɔna. Ele be ame 70-awo nada gbe le dɔnɔwo ŋu ahaɖe gbeƒã gbedeasi si Yesu ŋutɔ hã le gbeƒã ɖemee.\nMenye ƒuƒoƒeawo koŋue nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã le o. Yesu gblɔ na wo be woayi amewo ƒe aƒewo me. Egblɔ na wo be: \"Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã la, migblɔ be: 'Ŋutifafa na aƒe sia.' Eye ne ŋutifafalɔ̃la aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi.\" Nu kae nye woƒe gbedeasia? Yesu gblɔ be: \"Migblɔ na wo be: 'Mawu Fiaɖuƒe la gogo mi.'\"—Luka 10:5-9.\nMɔfiame siwo Yesu na ame 70-awo la ɖi esiwo wòna apostolo 12-awo anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ esime wòdɔ wo. Ena wonya be menye ame sia amee axɔ wo nyuie o. Gake dɔ si woawɔ la adzra ame siwo aɖo to la ƒe dziwo ɖo, ale be ne Yesu va ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame geɖewo adi vevie be yewoado go Aƒetɔ la ahasrɔ̃ nu tso egbɔ.\nEteƒe medidi hafi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 la trɔ gbɔ va Yesu gbɔ o. Wova gblɔ nɛ dzidzɔtɔe be: \"Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta mí ne míeyɔ wò ŋkɔ la.\" Nyatakaka nyui ma dzɔ dzi na Yesu, elabena egblɔ be: \"Mekpɔ Satana wòge xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo. Kpɔ ɖa! Mena ŋusẽ mi be miaɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi.\"—Luka 10:17-19.\nYesu to kpɔɖeŋunya si wògblɔ be ye yomedzelawo aɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi la dzi nɔ kakam ɖe edzi na wo be woaɖu nu siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu hafi la dzi. Gawu la, woate ŋu aka ɖe edzi be le etsɔme la, Satana age tso dziƒo. Azɔ hã, Yesu he ame 70-awo ƒe susu yi nu si gale vevie wu la dzi esi wògblɔ na wo be: \"Migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.\"—Luka 10:20.\nDzi dzɔ Yesu vevie eye wòkafu Fofoa le gaglãgbe ɖe ale si wòto esubɔla tsɛ siawo dzi wɔ nukudɔ mawo ta. Etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be: \"Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe ŋku le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. Elabena mele egblɔm na mi be, nyagblɔɖila kple fia geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o, eye wodi be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.\"—Luka 10:23, 24.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-le-yudea\/d%C9%94-ame-70\/","date":"2020-01-22T21:17:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250607407.48\/warc\/CC-MAIN-20200122191620-20200122220620-00234.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983354211,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983354210853577}","num_words":636,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KPƆ nɔnɔmetataawo ɖa. Wo dometɔ ɖesiaɖe fia fukpekpe, si Yehowa he va Egipte dzie. Le nɔnɔmetata gbãtɔ me la, àkpɔ be Aron tsɔ eƒe kpo la le Nil-tɔsisia dzi ƒomee. Esi wòƒo edzi la, tsi, si le tɔsisia me la trɔ zu ʋu. Lãwo ku, eye tɔsisi la de asi ʋeʋẽ me.\nEyome Yehowa na akpɔkplɔwo do tso Nil-tɔsisia me. Wole afisiafi—le abolokpowo me, le aboloƒogbawo me, kple ameawo ƒe abawo dzi—afisiafi. Esi akpɔkplɔawo ku la, Egiptetɔwo lɔ wo li kɔ gagãwoe, eye wonɔ ʋeʋẽm kũ le anyigba la dzi.\nEmegbe Aron tsɔ eƒe atikplɔ la ƒo anyigba, eye ke trɔ zu mũwo. Nusiawo nye nudzodzoevi sue, siwo ɖua ame. Mũawoe nye fukpekpe etɔ̃lia, si va Egipte-nyigba la dzi.\nFukpekpe mamlɛawo wɔ fu Egiptetɔwo ɖeɖeko, mewɔ fu Israel-viwo ya o. Fukpekpe enelia nye nudzodzoe gagã, siwo nyẽ tsyɔ Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo dzi. Fukpekpe atɔ̃lia dze lãwo dzi. Egiptetɔwo ƒe nyiwo kple alẽwo kpakple gbɔ̃ geɖewo ku.\nEye Mose kple Aron woku dzofiwo, eye wohlẽ wo ɖe ya me. Esia he ƒoƒoe vɔ̃wo va amewo kple lãwo dzie. Esiae nye fukpekpe adelia.\nEmegbe la, Mose do eƒe asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi ɖa. Emae nye kpetsi vɔ̃ɖitɔ kekeake, si dza le Egipte kpɔ.\nFukpekpe enyilia nye ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe. Ʋetsuviwo ƒe agbɔsɔsɔ ma meva kpɔ do ŋgɔ alo do megbe na ɣemaɣi o. Woɖu nusianu, si kpetsia metsrɔ̃ o la.\nFukpekpe asiekelia nye viviti. Viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ anyigba la dzi hena ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, gake kekeli nɔ afisi Israel-viwo nɔ la.\nMlɔeba la, Mawu gblɔ na eƒe amewo be woahlẽ gbɔ̃vi alo alẽvi ƒe ʋu ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Emegbe Mawu ƒe dɔla va to Egipte yi. Esi mawudɔla la kpɔ ʋua la, mewu ame aɖeke le aƒe ma me o. Gake Mawu ƒe dɔla la wu amegbetɔ kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo le aƒe, siwo katã ƒe ʋɔtrutiwo ŋuti ʋu mele o la me. Esiae nye fukpekpe 10 lia.\nLe fukpekpe mamlɛ sia megbe la, Farao gblɔ na Israel-viwo be woadzo. Mawu ƒe amewo katã nɔ klalo be yewoadzo, eye le zã ma ke me la, wodze woƒe mɔzɔzɔ la gɔme hedzo le Egipte.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/2\/fukpekpe-10-la\/","date":"2020-01-21T17:40:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250604849.31\/warc\/CC-MAIN-20200121162615-20200121191615-00400.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995117188,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99951171875}","num_words":360,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NENYE be ame aɖe gbɔna gbɔwò, eye eƒe kɔkɔme ɖatɔ wò xɔ tame ɖe, nukae nàsusu? Ame la anye ame dzɔtsu! Ɣeaɖeɣi, si va yi la, ame dzɔtsuwo nɔ anyigba dzi. Biblia la gblɔ be mawudɔla, siwo tso dziƒo lae nye wo fofo. Gake aleke ema ate ŋu adzɔe?\nÐo ŋku edzi be mawudɔla vɔ̃ɖi Satana nɔ nu baɖa wɔwɔ dzi ŋutɔ. Edze agbagba be yeana Mawu ƒe dɔlawo nawɔ nuvɔ̃. Emegbe la, mawudɔla siawo dometɔ aɖewo dze egɔme heɖo to Satana. Wodzudzɔ dɔ, si Mawu na wo be woawɔ le dziƒo la wɔwɔ. Eye woɖi va anyigba dzi hetrɔ wo ɖokuiwo wɔ amegbetɔwoe. Ènya nusita wowɔ nenema?\nBiblia la gblɔ be esi Mawu ƒe vi siawo kpɔ nyɔnu dzetugbeewo le anyigba dzi hedi be woanɔ anyi kpli wo la tae. Eyata wova anyigba dzi heɖe nyɔnu siawo. Biblia la gblɔ be esia nye nuvɔ̃, elabena Mawu wɔ mawudɔlawo be woanɔ dziƒo.\nEsi mawudɔlaawo kple wo srɔ̃ nyɔnuawo dzi viwo la, ɖevi siawo to vovo. Ðewohĩ vovototoa medze tututu le gɔmedzedzea me o. Gake wova le tsitsim ɖe edzi, eye woƒe lãme va le sesẽm ɖe edzi vaseɖe esime wotrɔ zu ame dzɔtsuwo.\nAme dzɔtsu siawo vɔ̃ɖi. Eye esi wònye wotri akɔ hesesẽ ŋutɔ ta la, wowɔa nuvevi amewo. Wote kpɔ be woazi amewo dzi woawɔ nu vlo abe woa ŋutɔwo ene.\nHenox va ku, gake ame aɖe nɔ anyigba dzi, si nye ame nyui. Ŋutsu sia ŋkɔe nye Noa. Ɣesiaɣi la, ewɔa nusi Mawu di tso esi be wòawɔ.\nGbeɖeka Mawu gblɔ na Noa be, ɣeyiɣi de na Ye be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã. Gake Mawu le Noa, eƒe ƒomea, kple lã geɖewo xɔ ge ɖe agbe. Na míakpɔ alesi Mawu wɔ esiae la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/1\/ame-dz%C9%94tsu-anyigba-dzi\/","date":"2020-01-27T10:19:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251696046.73\/warc\/CC-MAIN-20200127081933-20200127111933-00257.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990180135,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990180134773254}","num_words":286,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! 2002-08-08 Tsatsadada—Enye Nusi Doa Dzidzɔ Na Amewo Le Xexeame Godoo Nukae Gblẽ Le Tsatsadada Ŋu? Ƒo Asa Na Tsatsadada Ƒe Mɔ̃ La Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe? Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi Wole Nu Geɖe Srɔ̃m—Gake Womewɔ Tɔtrɔ Boo Aɖeke O Dukɔwo Mele Naneke Srɔ̃m Vaseɖe Fifia O Nusɔsrɔ̃ tso Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kristotɔwo Gbɔ Ƒewuivi Siwo Alɔ̃ Mesuna O—Nusi Ŋu Woatsi Dzi Ðo Yea? Aleke Mawɔ Nye Dzedzeme Naganyo Ðe Edzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20020808\/","date":"2020-01-28T05:06:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251773463.72\/warc\/CC-MAIN-20200128030221-20200128060221-00095.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992055297,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992055296897888}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.024,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.209,"stopwords_ratio":0.139,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Betel nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye \"Mawu ƒe aƒe.\" (1 Mose 28:17, 19) Ŋkɔ sia sɔ na dɔwɔƒe siwo Yehowa Ðasefowo ɖo ɖe dukɔ vovovowo me le xexea me katã, eye teƒe mawoe wofiaa mɔ gbeƒãɖeɖedɔa hekpɔa edzi le. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la le míaƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã si le New York State, U.S.A., eye afi mae wokpɔa dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ vovovowo me la dzi le. Woyɔa ame siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒeawo be Betel-ƒomea me tɔwo. Wowɔa nu sia nu ɖekae abe ƒome ene—wole teƒe ɖeka, wowɔa dɔ aduadu, woɖua nu ɖekae, eye wosrɔ̃a Biblia ɖekae.—Psalmo 133:1.\nEnye teƒe tɔxɛ aɖe, afi si ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la wɔa dɔ le. Le Betel-ƒe ɖe sia ɖe me la, míakpɔ Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wotsɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã ɖo anyi be yewoatsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Mateo 6:33) Wo dometɔ aɖeke mexɔa fetu o, ke boŋ wonaa xɔdɔme, nuɖuɖu, kple gakpekpeɖeŋu sue aɖe wo be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiã aɖewo gbɔe. Wodea dɔ aɖe koŋ asi na Betel ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe, abe ɔfisdɔ, nuɖaɖa, kple kplɔ̃ɖoɖo ene. Wo dometɔ aɖewo nye xɔmedzraɖolawo, eye bubuwo hã wɔa dɔ le agbalẽtaƒe, nunyaƒe, nuwo dzraɖoƒe, kple dɔwɔƒe bubuawo.\nEnye teƒe si wowɔa dɔ veviedodotɔe le tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Susu si koŋ ta woɖoa Betel-ƒewoe nye be, woakpɔ egbɔ be Biblia me nyateƒea ɖo ame geɖe alesinu woate ŋui gbɔ. Agbalẽ sia si wota wòsu asiwò la nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Woŋlɔe le Dɔdzikpɔha la ƒe mɔfiafia te, woɖoe ɖe míaƒe gbegɔmeɖela alafa geɖe siwo le xexea me godoo to kɔmpiuta dzi be woaɖe egɔme, wotae le míaƒe agbalẽtaƒe gã siwo le Betel, eye woɖoe ɖe hame siwo wu 110,000 sɔŋ le xexea me godoo. Le agbalẽtatadɔ sia ƒe akpa sia akpa la, Betel-ƒomea wɔa akpa vevi aɖe le asikpekpe ɖe nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me, eye gbeƒãɖeɖedɔ siae nye dɔ vevitɔ kekeake si hiã kpata.—Marko 13:10.\nAme kawoe subɔna le Betel, eye ɖoɖo kawoe wowɔ na wo?\nDɔ kae nye dɔ si hiã kpata, eye aleke dɔ siwo wowɔna le Betel la doa alɔ dɔ siae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/te%C6%92e-kae-nye-betel\/","date":"2020-01-18T07:16:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250592261.1\/warc\/CC-MAIN-20200118052321-20200118080321-00180.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998921752,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989217519760132}","num_words":368,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.266,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me\nSISILAE ɖekakpui la nye. Esi nuteɖeamedzi kple nuxaxa wu tsɔtsɔ nɛ, eye aɖatsiwo lolõ ɖe eƒe ŋkuwo dzi la, eɖe kuku na eƒe Mawu, Yehowa, be wòakpɔ nublanui na ye ahave ye nu. Eƒo koko nɛ be: 'De nye aɖatsiwo wò goe [lãgbalẽgo] me!' (Psalmo 56:9) Ðekakpui mae nye David, si va zu Israel fia emegbe. Gake nu kae nye lãgbalẽgo si ŋu wòƒo nu tsoe, eye aleke Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe aɖatsiwo ade emee?\nDavid nya lãgbalẽgo nyuie. Enye nugo aɖe si me wokɔa tsi, ami, wain alo nyinotsi kpeke gɔ̃ hã ɖo. Tsatsala siwo le Sahara nutowo me, abe Tuaregwo ene, gazãa lãgbalẽgo siwo wotsɔ gbɔ̃gbalẽ alo alẽgbalẽ wɔ la kokoko. Go siawo ate ŋu axɔ tsi gbogbo aɖewo le ale si lã si ƒe agbalẽ wotsɔ wɔe la ƒe lolome le nu. Wonya lãgbalẽgo siawo be ne wokɔ tsi fafɛ ɖe wo me la, tsia mexɔa dzo o, le dzogbe si dzi ŋdɔ ʋuna helĩhelĩ le la dzi gɔ̃ hã. Le blema la, tedziwo alo kposɔwoe wotsɔ kɔa woe. Egbea gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ amewo woatsi go sia ɖe ʋu siwo wozãna le nuto mawo me la ƒe ŋgɔgbe!\nGɔmesese ate ŋu anɔ nya wɔdɔɖeamedzi siwo David gblɔ tso lãgbalẽgo ŋu la ŋu na míawo hã. Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ tso Satana ŋu be ekpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia dzi eye be \"dzi le ekum vevie\" le míaƒe ŋkekea me. Esia wɔe be ameƒomea le nɔnɔme sesẽ manyagblɔwo me tom. (Nyaɖeɖefia 12:12) Le susu ma ta la, ame geɖewo ƒe nɔnɔmewo sɔ kple David tɔwo, wole akɔ kpem kple seselelãme, susu me, alo ŋutilã me kuxi sesẽwo—vevietɔ wo dometɔ siwo le agbagba dzem be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Ðe nèle nɔnɔme sia tɔgbi me toma? Le aɖatsi kple 'avifafa' me gɔ̃ hã la, nuteƒewɔla mawo menaa ta le agbagbadzedze be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi me o. (Psalmo 126:6) Woate ŋu aka ɖe edzi be wo Fofo si le dziƒo la kpɔa dodokpɔ siwo me tom wole kple ale si dodokpɔ siawo nana wosena le wo ɖokuiwo me la siaa dzea sii. Esea xaxa si me tom esubɔlawo le la gɔme, eye eɖoa ŋku woƒe aɖatsiwo kple fukpekpewo dzi veveseɖeamenutɔe eye wòtsɔa wo dea eƒe lãgbalẽgo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20081001\/A%C9%96atsiwo-Le-L%C3%A3gbal%E1%BA%BDgo-Me\/","date":"2020-02-19T14:10:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875144150.61\/warc\/CC-MAIN-20200219122958-20200219152958-00441.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980627298,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980627298355103}","num_words":380,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enye Nuwɔametɔ—Gake Dina Vevie Be Yeasubɔ\nNE ÈDO go Leonardo zi gbãtɔ la, ɖewohĩ màxɔe se be xɔtula lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla wònye o. Megate ŋu zãa eƒe asi eveawo o, elabena wotso le afɔku aɖe si wodze le dɔ me ɣeaɖeɣi la me. Togbɔ be Leonardo nye nuwɔametɔ hã la, enɔ dɔ wɔm sesĩe le xɔtuƒe aɖe le Acajutla, El Salvador, abe ale si nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetataa mee ene.\nBe Leonardo nakpɔ gome le xɔtudɔ ma me la, eya ŋutɔ wɔ dɔwɔnu aɖewo na eɖokui. Etsɔa eƒe ɖusibɔkpoa dea gakpo aɖe me, eye wòtsɔnɛ tsina ɖe sofi ŋu hetsɔna nɔa ke kum nɔa kɔkɔm ɖe agbatsɔkeke me. Etsɔa gaviwo dea eƒe abɔkpoawo ŋu, eye wotsɔa agbatsɔkekea ƒe asiléƒewo dea eme bene eya ŋutɔ nate ŋu atutui. Nu kae ʋãe be wòkpɔ gome le xɔtudɔ sia me?\nLeonardo di be yeakpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata, alo tadeaguƒe tutu na Yehowa Ðasefo siwo le eƒe nutoa me ƒe dɔa me. Nu geɖe li wòate ŋu atsɔ ado taflatse be yemate ŋu awɔ xɔtudɔ sia o. Enye nuwɔametɔ, edea dɔ me, eye wònye subɔsubɔdɔwɔla xoxo le woƒe hamea me. Ke hã, edi be yeawɔ nu si yeate ŋui atsɔ asubɔ Mawu le xɔtuƒe sia.\nNɔnɔme ma kee le asiwò le Mawu subɔsubɔ mea? Esi teƒe be Leonardo natsɔ eƒe nuwɔametɔnyenye anɔ taflatse dom la, ezã eƒe susu tsɔ wɔ dɔwɔnuwo na eɖokui bene wòate ŋu awɔ dɔ si anye ne mate ŋui hafi o la. Enɔ Mawu subɔm kple 'eƒe tamesusu blibo.' (Mateo 22:37) Ame siwo kpɔa gome le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me le xexea me godoo ɖanye nuwɔametɔwo loo alo womenyee o, ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ le wo me. Ame sia ame ate ŋu ade woƒe kpekpeawo faa, eye míele kpewòm na kpekpe siawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070415\/Enye-Nuw%C9%94amet%C9%94%E2%80%8B-Gake-Dina-Vevie-Be-Yeasub%C9%94\/","date":"2020-02-17T16:44:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875142603.80\/warc\/CC-MAIN-20200217145609-20200217175609-00003.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977760315,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977760314941406}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ vavã ŋu ne eƒe ame vevi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?\nTu ɖokuiwò kple ƒomea me tɔ bubuwo ɖo. Kpɔ gome le gbɔgbɔ me dɔwo wɔwɔ me bliboe. Tsɔ ɖokuiwò na le kpekpeɖeŋunana amewo me. Mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò keŋkeŋ be wò ame vevia magate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ o. Mègabu fɔ ɖokuiwò o. De bubu tohehe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la ŋu, eye nàɖe wò seselelãmewo agblɔ na xɔ̃wòwo.—9\/1, axa 18-21.\n• Mɔ eve kawo nue Ŋɔŋlɔawo naa míekpɔa \"ŋkeke mamlɛawo\" dzea sii le?\nBiblia gblɔ nusiwo adzɔ le \"xexeame ƒe nuwuwu la\" ɖi. (Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:11) Egblɔ alesi \"ŋkeke mamlɛawo\" me nɔlawo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo atrɔe hã ɖi. (Timoteo II, 3:1-5) Vevietɔ wue nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le ɣeyiɣi sia me.—9\/15, axa 4-6.\n• Afɔ kae hamea aɖe ne Kristotɔ ʋukula aɖe dze afɔku kple ʋu eye amewo ku?\nHamemetsitsi siwo le nya sia me kum ate ŋu akpɔe be ʋua kula meɖi ʋufɔ o elabena ɖee nu bliboa lilii kpata loo alo ɖee wògbɔ alɔme nɛ. Gake ne wokpɔe be amea ɖi ʋufɔ eye ʋufɔɖila la trɔ dzime la, woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aka mo nɛ eye woaxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le esi le hamea me la le esi.—9\/15, axa 30.\n• Nukata agbe mavɔ nɔnɔ menɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔgbedede dzi o?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoana agbenɔƒe nadidi ɖe edzi, to ɣeyiɣi didime si lãmenugbagbeviwo yia edzi nɔa li ɖɔm wo ɖokui la didi ɖe edzi me loo alo to dɔnɔa ƒe lãmenugbagbeviwo zazã atsɔ awɔ lãmenu bubu si sɔ nɛ bliboe me. Gake Biblia ya ɖee fia be Yesu ƒe tafevɔsa la ko dzie amegbetɔwo ate ŋu ato akpɔ agbe mavɔ.—10\/1, axa 3-5.\n• Yudatɔwo ƒe kɔnutsilele dzie wotu Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖoa?\nKura o. Yudatɔwo ŋutɔwoe yi ɖalea tsi le kɔnu nu le wo ɖokui si, gake esia menye nu si nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo la bia o. Ehiã be ame nanɔ eɖokui ŋu kɔm edziedzi le Mose ƒe Sea nu, gake zi ɖeka koe ame xɔa Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔa ya.—10\/15, axa 12-13.\n• Nukae nye Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua?\nEnye suku si hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o la dena kwasiɖa enyi eye emegbe wote ŋu ɖoa wo ɖe afisi hiahiã le bene woaɖana kpekpeɖeŋu. Wote ŋu ɖoa wo ɖe woa ŋutɔwo ƒe hameawo me loo, dukɔa ƒe akpa bubu loo, alo dukɔ bubu me faa.—11\/15, axa 10-11.\nNe míagblɔe gbadzaa la, \"Kristo ƒe futɔ\" la fia amesiwo katã tsi tre ɖe Kristo alo eteƒenɔlawo ŋu alo daa alakpa be amesiawoe yewonye la. Yesu kple Yohanes ƒe nyawo fia be ame gbogbo siwo gbe Kristo eye woblea amewo le Mawu subɔsubɔ me eye wogbe Mawufiaɖuƒea lae ƒo ƒu nye Kristo ƒe futɔ la.—12\/1, axa 4-6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061215\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2020-02-20T06:20:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875144637.88\/warc\/CC-MAIN-20200220035657-20200220065657-00109.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982937574,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982937574386597}","num_words":483,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋuʋaʋã Kple Ŋubiã\nAME SI ɖea ŋuʋaʋã manyomanyo fiana la bua susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu madzemadzee alo doa dziku ne nu si wòsusu be ele be wòasu ye si la yi ame bubu si me. Ŋubiãla nye ame si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo le esi la ŋu o, eye ame bubuwo ƒe nunyonamewo kple dzidzedzekpɔkpɔwo klẽa ŋu nɛ alo dzronɛ vevie. Zi geɖe la, nya siwo ƒo xlã Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be \"ŋuʋaʋã\" lae nana wonyaa gɔmesese si nu wozãe le le Biblia me, eye ɣeaɖewoɣi la woɖea egɔme be \"ŋubiã.\" Nenema kee wòle le Helagbe me nya si gɔme woɖe be \"ŋuʋaʋã\" hã gome, gake woɖea Helagbe me nya bubu si nye phthoʹnos la gɔme be \"ŋubiã.\"\nNɔƒegãdila aɖewo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Korinto hamea me, siwo hea amewo ƒe susu vaa wo ɖokuiwo dzi, tsɔa amewo ƒoa adegbee, eye wonɔa dzre dem hamea me tɔwo dome. Hamea ma ɖe ƒuƒoƒo suesuesue siwo nɔa amegbetɔwo si nu kpɔm, nɔa wo dom ɖe dzi, hedzea wo yome le ŋuʋaʋã ta la me. Paulo na wòdze kɔtɛ be ŋuʋaʋã ma ƒomevi nye ŋutilã me tɔ ke menye gbɔgbɔ me tɔ o. (1 Korintotɔwo 3:3; 2 Korintotɔwo 12:20) Eɖe nu me be mawumelɔlɔ̃ meʋãa ŋu madzemadzee o, ke boŋ eɖea kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ fiana eye wòwɔa nu si aɖe vi na ame bubuwo ɣesiaɣi.—1 Korintotɔwo 13:4, 5, 7.\nMenye ŋuʋaʋã nyuitɔe nye esi nɔ Korinto hamea me, si ŋu Paulo ƒo nu tso o. Menye ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa blibo ŋue amewo nɔ ŋu ʋãm ɖo o. Ke boŋ enye trɔ̃subɔsubɔ si tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ eye wòdoa ŋubiã kple dzrehehe ɖe ŋgɔ. Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe eŋu zi geɖe heɖee fia be egblẽa nu le ame ƒe dzi gɔ̃ hã ŋu. Yesu nɔvi Yakobo ŋlɔ bena: \"Ne ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple dzrehehe le miaƒe dziwo me la, miganɔ adegbe ƒom ahanɔ alakpa dam ɖe nyateƒe la si o. Menye nunya si tso dziƒo va lae nye esia o, ke anyigba dzi tɔe, lã tɔe, gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔe. Elabena afi si ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afi mae tɔtɔ kple nu gbegblẽ ɖe sia ɖe nɔna.\"—Yakobo 3:14-16; Romatɔwo 13:13; Galatiatɔwo 5:19-21.\nŊuʋaʋã manyomanyo gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu, elabena \"dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.\" (Lododowo 14:30) Nazãbubu kple ameléleɖedɔme nana woʋãa ŋu. Ate ŋu agblẽ nu wu dɔmedzoe alo dziku elabena ate ŋu aƒo ke ɖe to ɖe ame me, anɔ anyi eteƒe nadidi, eye enu nasẽ wu, eye enu menyaléna bɔbɔe o. Zi geɖe la, enana wowɔa nu nuŋumabumabutɔe. (Lododowo 27:4) Womate ŋu afa dzi na, alo atsɔ naneke alé avu, ŋutsu si do dziku le dzɔdzɔenyenye me ɖe ame bubu si wɔ ahasi kple srɔ̃a la ƒe ŋuʋaʋã nu gbeɖe o!—Lododowo 6:32-35.\nŊuʋaʋã gbegblẽ ate ŋu ana ame nava wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu abe ale si wònɔ le Yosef nɔviŋutsu ewoawo gome ene. (1 Mose 37:11; Dɔwɔwɔwo 7:9) Ate ŋu ahe ku vɛ na ame ŋutɔ kple ame bubu siwo wòlɔ ɖe eme la, abe ale si wònɔ le Datan, Abiram kple woƒe aƒekɔwo gome ene. (Psalmo 106:16, 17) Gawu la, ŋuʋaʋã na Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo wɔ nu vlo siwo gbɔ eme la ɖe apostoloawo ŋu, eye wogblɔ busunyawo ɖe wo ŋu hedi be yewoawu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hɔ̃.—Dɔwɔwɔwo 13:45, 50; 14:19.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090301\/%C5%8Au%CA%8Ba%CA%8B%C3%A3-Kple-%C5%8Aubi%C3%A3\/","date":"2020-02-24T09:47:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145910.53\/warc\/CC-MAIN-20200224071540-20200224101540-00243.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966627955,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966627955436707}","num_words":541,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke Nàwɔ Ado Dzi Le Subɔsubɔdɔa Me?\nEDZƆ ɖe dziwò kpɔ be dzi ɖe le ƒowò ale gbegbe be nèdi be yeadzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa mea? Tsitretsiɖeŋu si nu sẽ, dzimaɖitsitsi, lãmesẽkuxiwo, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, alo ɖaseɖiɖidɔa ƒe kumatsematse ate ŋu ado míaƒe dzidodo kpɔ. Gake bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Edo dzi le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me \"le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta.\" (Heb. 12:2) Enyae be ne yeyi edzi nɔ kpe ɖom edzi be nutsotso siwo wotsɔ ɖe Mawu ŋu la nye aʋatso la, ekema yeanɔ dzidzɔ dom na Yehowa ƒe dzi.—Lod. 27:11.\nWò hã àte ŋu ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne èyi edzi do dzi le subɔsubɔdɔa me. Ke ne edze abe kuxi aɖewo na be ŋusẽ boo meganɔa ŋuwò na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ o ene ya ɖe? Krystyna, si nye ame tsitsi eye lãmegbegblẽ ɖea fu nɛ la, lɔ̃ ɖe edzi be: \"Mesena le ɖokuinye me zi geɖe be ɖeɖi te ŋunye alo dzi mele dzɔyem o. Nye tsitsimekuxiwo, abe lãmegbegblẽ kple gbe sia gbe dzimaɖitsitsiwo ene, tea ŋu nana be dzo si le menye la nu fana vie ɣeaɖewoɣi.\" Aleke nàwɔ ayi edzi anɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me togbɔ be kuxi siawo tɔgbi anɔ fu ɖem na wò hã?\nSrɔ̃ Nyagblɔɖilawo\nBe Fiaɖuƒegbeƒãɖela wɔnuteƒewo nate ŋu ado dzi ayi edzi anɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, ele be woadze agbagba be tamesusu si nɔ nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema si la nanɔ woawo hã si. Le kpɔɖeŋu me, bu Yeremiya ŋu kpɔ. Esi Mawu yɔe be wòazu nyagblɔɖila la, enɔ hehem ɖe megbe le gɔmedzedzea me. Ke hã, Yeremiya te ŋu yi edzi do dzi le nyagblɔɖidɔ sesẽ si wode esi la wɔwɔ me ƒe 40 kple edzivɔ sɔŋ, elabena esrɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe.—Yer. 1:6; 20:7-11.\nHenryk kpɔ dzideƒo tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua me. Egblɔ be: \"Le ƒe 70 siwo metsɔ wɔ subɔsubɔdɔa me la, amewo ƒe nuwɔna—woƒe tsitretsiɖeameŋu, alo woƒe ɖekematsɔleme—naa dzi ɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi. Le ɣeyiɣi mawo me la, meɖoa ŋku Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua dzi na ɖokuinye. Lɔlɔ̃ si nɔ esi na Yehowa kple ƒomedodo sẽŋu si nɔ woa kplii dome la do ŋusẽe be wòyi edzi wɔ nyagblɔɖidɔ la.\" (Yer. 1:17) Rafał, ame bubu si hã Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua do ŋusẽe la, gblɔ be: \"Yeremiya ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, ke mena eƒe susu nɔ eya ŋutɔ ɖokui kple eƒe seselelãmewo ŋu o. Eyi dɔ sia wɔwɔ dzi vɔvɔ̃manɔmee togbɔ be ame geɖe lé fui hã. Medzea agbagba be nya sia nanɔ susu me nam.\"\nNyagblɔɖila bubu aɖe si ƒe kpɔɖeŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu be wodo dzi le subɔsubɔdɔa mee nye Yesaya. Mawu na wònya be, wo detɔwo maɖo to eƒe gbedeasia o. Yehowa gblɔ be, \"Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ.\" Ðe wòfia be Yesaya mekpɔ dzidzedze oa? Ao, Mawu ya mebui nenema o! Esi Mawu de nyagblɔɖidɔa mawusubɔla sia si la, egblɔ be: \"Nyee nye esi, dɔm!\" (Yes. 6:8-10) Yesaya yi eƒe nyagblɔɖidɔa wɔwɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Nenemae wò hã nèwɔa nu ɖe se si wode be míaɖe gbeƒã la ŋua?\nBe míayi edzi ado dzi le subɔsubɔdɔa me togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le eme o hã, abe ale si Yesaya hã wɔe ene la, mele be míana míaƒe susu nanɔ amewo ƒe nuwɔna ɖedzileameƒowo ŋu o. Rafał gblɔ ale si wòwɔna nɔa te ɖe dziɖeleameƒo nu ale: \"Medzea agbagba be nye susu naganɔ nya veame siwo amewo gblɔna la dzi o. Ame siwo le nye anyigbamama me kpɔ mɔ awɔ nu ale si woawo ŋutɔwo dii.\" Anna gblɔ be: \"Nyemeɖea mɔ nye susu nɔa nu madodzidzɔname alo nu ɖedzileameƒo aɖeke ŋu o. Nu si kpena ɖe ŋunye metea ŋu wɔa esiae nye be medoa gbe ɖa hedzroa gbe sia gbe mawunyakpukpuia me hafi yia gbeadzi. Eye esia nana be nye susu dzona le nya ɖedzileameƒo ɖe sia ɖe dzi kaba.\"\nNyagblɔɖila Xezekiel wɔ nyagblɔɖidɔ le Yudatɔ aboyome sẽtowo dome le Babilon. (Xez. 2:6) Ne ɖe Xezekiel gbe Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ na dukɔa eye ame vɔ̃ɖi aɖe ku evɔ mese nuxlɔ̃amenya la o la, Mawu abia akɔnta tso nyagblɔɖila la si. Yehowa gblɔ na Xezekiel be: \"Asiwò me mabia eƒe ʋu le.\"—Xez. 3:17, 18.\nHenryk dzea agbagba be Xezekiel ƒe nukpɔsusu ma tɔgbi nanɔ ye hã ye si. Egblɔ be: \"Medi be ŋutinye nakɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. Amegbetɔwo ƒe agbe xɔasiwo le afɔku me.\" (Dɔw. 20:26, 27) Zbigniew hã se le eɖokui me nenema ke. Egblɔ be: \"Enɔ na Xezekiel be wòayi eƒe nyagblɔɖidɔa dzi metsɔ le nu siwo amewo susuna tso eŋu me o. Esia kpena ɖe ŋunye be Wɔlaa ƒe nukpɔsusu le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nɔa asinye.\"\nMenye Wò Ðekae O\nNe èle gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, mègasusu be ye ɖeka koe le ewɔm o. Abe ale si ko apostolo Paulo gblɔe ene la, míawo hã míate ŋu agblɔ be: \"Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.\" (1 Kor. 3:9) Krystyna si lɔ̃ ɖe edzi be dzi ɖena le ye ƒo ɣeaɖewoɣi la gblɔ be: \"Esia tae meyia edzi ɖea kuku na Yehowa be wòado ŋusẽm ɖo. Megblẽm ɖi kpɔ o.\" Vavãe, míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me!—Zax. 4:6.\nNe míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la hã kpena ɖe mía ŋu be míeɖea nɔnɔme siwo ƒo ƒu wɔ \"gbɔgbɔ la ƒe kutsetse\" la fiana. (Gal. 5:22, 23) Esia kpena ɖe mía ŋu be míedoa dzi yia gbeƒãɖeɖedɔa dzi nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o. Henryk gblɔ be: \"Gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kpena ɖe ŋunye be metrɔa asi le nye amenyenye ŋu. Mesrɔ̃ ale si magbɔ dzi ɖi na amewo, abu ame ŋu, eye nyemagana ta bɔbɔe o.\" Dzidodo le gbeƒãɖeɖedɔa me togbɔ be kuxi vovovowo adze ŋgɔ mí hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo geɖe wu.\nYehowa le eƒe mawudɔlawo zãm tsɔ le mɔ fiam eƒe amewo le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me. (Nyaɖ. 14:6) Biblia ɖee fia be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo \"akpe ewo teƒe akpe ewo kpakple akpe teƒe akpewo\" ye li. (Nyaɖ. 5:11) Le Yesu ƒe mɔfiafia te la, mawudɔlawo le kpekpem ɖe Mawu subɔlawo ŋu le anyigba dzi. Ðe esia nɔa susu me na wò ɣesiaɣi si nèle gbeadzia?\nAnna gblɔ be: \"Ŋugbledede le nyateƒenya si nye be mawudɔlawo li kpli mí le subɔsubɔdɔa me ŋu dea dzi ƒo nam ale gbegbe. Medea asixɔxɔ kpekpeɖeŋu siwo wonana le Yehowa kple Yesu ƒe mɔfiafia te la ŋu.\" Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye be míanɔ dɔ wɔm kple mawudɔla wɔnuteƒewo!\nKe hati Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ya ɖe? Yayrae wònye na mí be míeva le ha dem kple Ðasefo wɔnuteƒewo ƒe ha gã aɖe. Ðikeke mele eme o be èkpɔ Biblia me lododo sia ƒe nyateƒenyenye dze sii be: 'Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.'—Lod. 27:17.\nDɔwɔwɔ ɖekae kple gbeƒãɖela bubuwo le subɔsubɔdɔa me naa mɔnukpɔkpɔ nyui geɖewo sua mía si míesrɔ̃a ɖaseɖimɔnu nyui siwo ɖewohĩ míenya tsã o. Elżbieta gblɔ be: \"Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple gbeƒãɖela vovovowo naa mɔnukpɔkpɔ sua asinye be meɖea lɔlɔ̃ fiaa haxɔsetɔwo kple ame siwo míedoa go le gbeadzi la siaa hã.\" Dze agbagba nànɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple gbeƒãɖela vovovowo. Ana nàse vivi na wò subɔsubɔdɔa.\nLé Be Na Ðokuiwò Nyuie\nBe dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ele be míawɔ ɖoɖo nyuie, anɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi ahanɔ ɖiɖim ɖe eme nyuie. Ne míagblɔe bubui la, ele be míalé be na mía ɖokuiwo le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa.\nBiblia gblɔ be: \"Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.\" (Lod. 21:5) Zygmunt si xɔ ƒe 88 fifia gblɔ be: \"Ðoɖo nyui dzi zɔzɔ le subɔsubɔdɔa me na taɖodzinu le nye gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Mewɔa ɖoɖo ɖe nye ɣeyiɣiwo ŋu nyuie ale be mekpɔa ɣeyiɣi si sɔ ɖe ɖaseɖiɖidɔa ŋu.\"\nŊɔŋlɔawo nyanya nyuie doa ŋusẽ mí henana míenɔa dzadzraɖoɖi ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Abe ale si ko wòhiã be míanɔ ŋutilãmenuɖuɖu ɖum bene míayi edzi anɔ agbe ene la, nenema kee wòhiã be míanɔ gbɔgbɔmenuwo hã ɖum edziedzi bene míate ŋu ayi edzi anɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Mawu ƒe Nya la tsɔtsɔ nyi mía ɖokuiwo gbe sia gbe kple 'nuɖuɖu si wona le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi' la ɖuɖu ana ŋusẽ naɖo mía ŋu hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ.—Mat. 24:45-47.\nElżbieta wɔ asitɔtrɔ vevi aɖewo le eƒe agbe me ale be wòate ŋu ana eƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi. Egblɔ be: \"Meɖe ɣeyiɣi si mezãna ɖe television kpɔkpɔ ŋu la dzi kpɔtɔ geɖe ŋutɔ si wɔe be ɣeyiɣi geɖe sua asinye metsɔ dzrana ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ne mele Biblia xlẽm fiẽ sia fiẽ la, mebua ame siwo medo go le anyigbamama me la ŋu. Media mawunyakpukpui kple nyati siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.\"\nÐiɖiɖeme nyuie ate ŋu ana be ŋusẽ geɖe wu nanɔ ŋuwò, eye wòate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe. Ke hã, modzakaɖeɖe atraɖii ate ŋu agblẽ nu le wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe nyonyome ŋu. Andrzej, si nye gbeƒãɖela dovevienu aɖe la, gblɔ be: \"Ne ame meɖina ɖe eme o la, enaa ɖeɖi tea eŋu wògbɔa eme, eye ɖeɖiteameŋu ma kple dziɖeleameƒo gbɔ medidi kura o. Mewɔa nu sia nu si mate ŋui be esia nagadzɔ ɖe dzinye o.\"—Nyagb. 4:6.\nTogbɔ be míekua kutri vevie hã la, ame ʋɛ aɖewo koe va kpɔa ŋudzedze ɖe nya nyuia ŋu. Gake Yehowa ya maŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔwo be gbeɖe o. (Heb. 6:10) Nenye be ame geɖewo medi be yewoaxɔ mí o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ woaƒo nu tso míaƒe sasrãkpɔa ŋu le míaƒe dzodzo megbe. Anɔ ko abe nu si míexlẽ tso Xezekiel ŋu ene be: \"Woanyae be, nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ.\" (Xez. 2:5) Le nyateƒe me la, míaƒe subɔsubɔdɔa mebɔbɔ o, gake míekpɔa viɖe ŋutɔŋutɔwo tso eme, eye ame siwo ɖoa to mí la hã kpɔnɛ.\nZygmunt gblɔ be: \"Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kpena ɖe mía ŋu míedoa amenyenye yeyea heɖea lɔlɔ̃ fiaa Mawu kple mía haviwo siaa.\" Andrzej hã gblɔ be: \"Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpɔ gome le agbeɖeɖedɔ sia me. Womagawɔ dɔ sia le xexea me godoo alo agawɔe le nɔnɔme sia tɔgbi me gbeɖe o.\" Wò hã àte ŋu akpɔ yayra geɖe ne èdo dzi yi edzi le gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me egbea.—2 Kor. 4:1, 2.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nMíaƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nu hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le subɔsubɔdɔa me","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090315\/Aleke-N%C3%A0w%C9%94-Ado-Dzi-Le-Sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94a-Me\/","date":"2020-02-25T19:07:50Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146127.10\/warc\/CC-MAIN-20200225172036-20200225202036-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9964946508,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9964946508407593}","num_words":1695,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nNu ka tae Biblia yɔa gbɔdɔnuwɔna gbɔmewo tɔna ɖe alakpamawu Baal subɔsubɔ ŋu?\nVidzidzi ƒe mawu koŋue Kanaantɔwo ƒe mawu Baal nye. Esubɔlawo xɔe se be Baal ye nana yewoƒe agblewo wɔna nyuie eye lãhawo dzina ɖe edzi. Eya tae numekugbalẽ si nye Manners and Customs in the Bible ɖe nu me be \"woɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi hena gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔna blibawo me le woƒe tadeaguƒewo bene wòana yewoƒe ahom mawu Baal kple srɔ̃a Asera nadɔ kple wo nɔewo ale be yewoƒe agblewo nawɔ nu eye yewoƒe lãhawo nadzi ɖe edzi.\"\nKanaantɔwo xɔe se be ne kuɖiɖi kple ku ƒe mawu Mot va kpe Baal dzi le kuɖiɣiwo la, Baal dzona yi ɖanɔa to me ʋĩi. Ke hã, woxɔe se be ne tsi te dzadza la, ekema efia be Baal trɔ gbɔ le ŋusẽ me henaa anyigba wɔa nu eye agbenɔnɔ dzea edzi nyuie. Kanaantɔwo ɖua azã na Baal ƒe tɔtrɔgbɔ alea hewɔa gbɔdɔnuwɔna gbɔmewo. Esia na míese nu si tae Israel viwo ƒe kuku ɖe Baal-Peor ŋu na woƒo wo ɖokuiwo ɖe \"ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo\" la gɔme.—4 Mose 25:1-3.\nNu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖi \"yɔdo siwo wosi akalo na\"?\nYesu ʋu go agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔwo hegblɔ na wo be: \"Mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na, siwo nya kpɔ vavã le gota, gake wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi.\" (Mateo 23:27) Enye numame na Yudatɔwo be woɖoa atsyɔ̃ na woƒe yɔdokpewo hesia akalo na wo, le tsidzaɣiwo ƒe nuwuwu, le dzinu Ada, si doa ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia, ƒe ŋkeke 15 lia dzi. Gake enuenu la, tsidzadza va klɔa akalo si wosi na kpeawo la ɖa.\nLe The Jewish Encyclopedia ƒe nya nu la, wosia akalo na yɔdowo bene woadze nyuie be woatsɔ akpɔ \"amedzro siwo zɔa mɔa le Ŋutitotoŋkekenyui ɖuɣi\" la ta be woƒe ŋuti nagaka yɔdoawo ŋu o, le esi esia ana wo ŋu makɔ o ta. Mose ƒe sea gblɔ le 4 Mose 19:16 be ame sia ame si aka asi ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre. Ðiƒoƒo ame ɖokui alea ana Israel viwo madze akpɔ gome le tadedeagu dzadzɛ nuwɔnawo me o, ne wokpɔ gome le eme madzemadzee alea la, ke wodze na ku. (3 Mose 15:31) Yesu gblɔ nya siawo ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia; eya ta ƒe sia ƒe ƒe akalosisi na yɔdowo ƒe nya la anya nɔ susu me na eƒe nyaselawo. Nu si Yesu wɔnɛ ye nye be ale si ame siawo siwo tsia tsitre ɖe ye ŋu le subɔsubɔnyawo me dzena le gota la to vovo kura tso ame siwo wonye ŋutɔŋutɔ la gbɔ, eye be hadede kpli wo aƒo ɖi ye yomedzelawo le gbɔgbɔ me.\n[Nɔnɔmetata si le axa 15]\nDzikedzo ƒe mawu Baal ƒe akalokpe, ƒe alafa 14 alo 13 lia D.M.Ŋ.\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nMusée du Louvre, Paris","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20091101\/%C3%88nyaa\/","date":"2020-02-22T04:00:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145648.56\/warc\/CC-MAIN-20200222023815-20200222053815-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988873601,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988873600959778}","num_words":478,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?\nNU KA koŋ ŋue Yesu ɖe gbeƒã tsoe? Le Yesu ŋutɔ ƒe nya nu la, Mawu Fiaɖuƒea ye. (Luka 4:43) Kakaɖedzitɔe la, ame siwo se eƒe nyawo la kpɔe be, eƒo nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu enuenu. Ðe esia na wotɔtɔa? Ðe wobiae be, nu kae Fiaɖuƒe sia nye hã? Ao. Biabia siawo tɔgbi aɖeke medze le Nya Nyui Gbalẽawo me o. Ekema ɖe wòfia be, ame mawo nya nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu nyuiea?\nNya lae nye be, Ŋɔŋlɔ siwo li tso blema, siwo Yudatɔwo buna nu kɔkɔewo la, ƒo nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu, eye wozã nyagbɔgblɔ siwo me kɔ kple nu siwo ŋu kakaɖedzi le tsɔ ɖe nu si wònye kple nu si wòava wɔ la me. Míawo ya míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe wu tso Fiaɖuƒea ŋu egbea le mɔ ma ke nu—to Biblia dzi. Mina míadzro nyateƒenya adre aɖewo, siwo Biblia gblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu la, me azɔ. Wo dometɔ etɔ̃ gbãtɔwo nɔ nyanya na Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me kple esiwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ siaa. Kristo alo eƒe apostoloawo ye ɖe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo la fia le ƒe alafa gbãtɔ me. Mamlɛtɔ va dze le míaƒe ɣeyiɣi sia me.\n1. Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ, si anɔ anyi tegbee. Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ ɖee fia be, Mawu adɔ ɖela aɖe ɖa, be wòava ɖe nuteƒewɔlawo. Ame sia, si woyɔ be 'dzidzimevi' la, aɖɔ nu siwo katã Adam, Xawa, kple Satana ƒe aglãdzedzea gblẽ le amegbetɔƒomea ŋu la ɖo. (1 Mose 3:15) Ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, wogblɔ nya dodzidzɔname aɖe na fia wɔnuteƒe David tso 'dzidzimevi,' alo Mesia, la ŋu. Wogblɔ nɛ be dzidzimevia anye Fiaɖuƒea aɖe ƒe fia. Eƒe dziɖuɖu ato vovo na bubuawo katã. Anɔ anyi tegbee.—2 Samuel 7:12-14.\n2. Mawu Fiaɖuƒe la aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa. Woɖe xexemeŋusẽ siwo ava ɖe wo nɔewo yome, va se ɖe míaƒe ɣeyiɣia me la, fia nyagblɔɖila Daniel le ŋutega aɖe me. Nya siwo wogblɔ le ŋutega ma ƒe nuwuwu ye nye esi: 'Le amegbetɔwo ƒe fia mamlɛtɔ mawo ŋɔli la, dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.' Eya ta woaɖe xexe sia me fiaɖuƒewo alo dziɖuɖuwo katã ɖa—eye woƒe aʋawɔwɔwo, ameteteɖeanyi kple nu gbegblẽ wɔwɔwo katã hã nu ayi. Daniel ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be, eteƒe madidi o la, Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44, 45) Enye nu ŋutɔŋutɔ, eye eya ɖeɖe koe anye dziɖuɖu si anɔ anyigba la dzi ɖum ɖaa. *\n3. Mawu Fiaɖuƒea atsi aʋawɔwɔwo, dɔléle, dɔwuame, kple ku kura gɔ̃ hã nu. Biblia me nyagblɔɖi lédzinamewo ɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ le anyigba dzi afi sia la fia. Dziɖuɖu ma awɔ nu si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu alo habɔbɔ aɖeke mete ŋu wɔ kpɔ alo ate ŋu awɔ gbeɖe o. Wò ya bu eŋu kpɔ—woagblẽ aʋawɔnuwo dome tegbee! 'Etsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.' (Psalmo 46:10) Ðɔkta alo dɔyɔƒe aɖeke magahiã o, eye dɔléle aɖeke maganɔ anyi o. \"Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.\" (Yesaya 33:24) Dɔwuame, nuɖuɖu ƒe veve, nuɖuɖu nyui makpɔmakpɔ maganɔ anyi o, eye ame aɖeke magaku le dɔwuame ta o. \"Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.\" (Psalmo 72:16) Kunuwɔwɔ, ŋudɔdɔ, ameɖibɔwo, ame kuku dzraɖoƒewo, alo nuxaxa si nu siawo hena vanɛ la maganɔ anyi o. Woaɖe ku, si nye futɔ makpɔnublanui la, ɖa mlɔeba. Mawu \"ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.\"—Yesaya 25:8.\n4. Fia si Mawu ŋutɔ tia ye aɖu Fiaɖuƒe ma dzi. Menye Mesia la ŋutɔe ɖo eɖokui fiae o, eye menye amegbetɔ madeblibowoe tiae hã o. Yehowa Mawu ŋutɔe tiae. Eƒe dzesideŋkɔ Mesia alo Kristo ŋutɔ hã ɖo kpe esia dzi. Nya eveawo siaa gɔmee nye \"Amesiamina.\" Eya ta Yehowae si ami na Fia sia, alo tiae, hetsɔe ɖo ɖoƒe tɔxɛ ma. Mawu gblɔ le eŋu be: \"Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne wòahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.\" (Yesaya 42:1; Mateo 12:17, 18) Ðe ame aɖe nya Dziɖula si ƒomevi míehiã la nyuie wu mía Wɔlaa?\n5. Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula la ɖee fia le amegbetɔwo katã ŋkume be yedze. Yesu si tso Nazaret la ɖee fia be, yee nye Mesia si ŋugbe wodo la. Wodzii le ƒome si me Mawu ɖo be woadzi Mesia le la me. (1 Mose 22:18; 1 Kronika 17:11; Mateo 1:1) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ena nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖi le Mesia la ŋu ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, va eme. Kpeɖodziwo tso dziƒo hã ɖee fia be, eyae nye Mesia la. Le mɔ ka nu? Mawu ƒo nu tso dziƒo gblɔ be ye ŋutɔ ye Vie; mawudɔlawo gblɔ be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, eye Yesu wɔ nukunuwo hã—ewɔ wo le ame alafa alo akpe geɖe kura gɔ̃ hã ŋkume—si ɖee fia kɔtɛ be, Mawu gbɔe eƒe ŋusẽa tso. * Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Dziɖula si ƒomevi wòanye la fia enuenu. Menye ɖeko ŋusẽ nɔ esi wòkpe ɖe amewo ŋu o, ke edi vevie hã be yeakpe ɖe wo ŋu. (Mateo 8:1-3) Menye ɖokuitɔdila o, esea veve ɖe ame nu, dzi nɔ eƒo, eye wòbɔbɔ eɖokui hã. Eƒe agbemeŋutinya le Biblia me be amewo katã naxlẽ.\n6. Ame 144,000 aɖu fia kpe ɖe Kristo ŋu le Mawu Fiaɖuƒea me. Yesu gblɔ be ame bubuwo, siwo dome yeƒe apostolowo le la, aɖu fia le dziƒo kpe ɖe ye ŋu. Eyɔ ƒuƒoƒo sia be, \"Alẽha sue.\" (Luka 12:32) Emegbe wogblɔ na apostolo Yohanes be alẽha sue ma me tɔwo le ame 144,000. Woawɔ dɔ aɖe si me dzidzɔ le le dziƒo, si nye be, woanye fiawo kple nunɔlawo kpe ɖe Kristo ŋu.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3.\n7. Mawu Fiaɖuƒe la le dzi ɖum le dziƒo fifi laa, eye wòle klalo be yeaɖu anyigba bliboa hã dzi. Nyateƒenya mamlɛtɔ sia nye Fiaɖuƒea ŋuti nya siwo doa dzidzɔ na ame wu la dometɔ ɖeka. Biblia ɖo kpe edzi kɔtɛ be, woɖo Yesu Fiae le dziƒo. Ele dzi ɖum le afi ma fifia, le míaƒe ɣeyiɣi sia me, eye eteƒe madidi o, eƒe dziɖuɖua axɔ anyigba la katã dzi, eye wòana nu nyui siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, nava eme. Gake aleke míawɔ aka ɖe edzi be, Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia? Eye ɣekaɣie wòate anyigba dzi ɖuɖu?\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 5 Nyagblɔɖi siawo tɔgbi ɖee fia be, Mawu Fiaɖuƒea menye nu si le ame ƒe dzi me, abe ale si wofia ame geɖewoe ene o. Kpɔ nyati si nye, \"Exlẽlawo Bia Be . . . \" le axa 13 lia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080101\/Nu-Kae-Nye-Mawu-Fia%C9%96u%C6%92e-La\/","date":"2020-02-23T14:58:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145774.75\/warc\/CC-MAIN-20200223123852-20200223153852-00017.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986326694,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986326694488525}","num_words":1104,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nYesu tsa le Israel nyigba bliboa katã dzi henɔ gbeƒã ɖem. Ke aleke wɔ apostolo Petro gblɔ be Yudatɔwo kple woƒe dziɖulawo wɔ nu le \"manyamanya\" me esi wona wowu Yesu?—Dɔw. 3:17.\nEsime apostolo Petro nɔ nu ƒom na Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ku ɖe akpa si wowɔ le Mesia la ƒe ku me ŋu la, egblɔ be: \"Menya be manyamanya mee miewɔe le, abe miaƒe dziɖulawo ke ene.\" (Dɔw. 3:14-17) Le Yudatɔ aɖewo gome la, ate ŋu anye be ɖe womenya ame si Yesu nye alo se eƒe nufiafiawo gɔme o tae. Gake le ame bubuwo ya gome la, ale si didi aɖeke menɔ wo me be yewoadze Mawu ŋu o, nazãbubu, ŋuʋaʋã, kple fuléle ye na wonɔ gbɔgbɔ me numanyamanya me.\nBu ale si didi si menɔ ame geɖewo me be yewoadze Yehowa ŋu o la kpɔ ŋusẽ ɖe nukpɔsusu si nɔ wo si ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ŋu dzii ŋu kpɔ. Zi geɖe la, Yesu zãa kpɔɖeŋuwo tsɔ fiaa nu amewo, eye eɖea kpɔɖeŋu siawo me na ame siwo katã dina be yewoanya nu geɖe wu la. Ke hã, ɖeko wo dometɔ aɖewo ya dzona, eye womedzea agbagba aɖeke be yewoase eƒe kpɔɖeŋuawo gɔme o. Gbe ɖeka la, Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖe zu nukikli na eƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã. (Yoh. 6:52-66) Ame siawo mete ŋu kpɔe dze sii be ɖe Yesu zã kpɔɖeŋuawo tsɔ nɔ ale si wonɔ klalo be woawɔ tɔtrɔ le tamesusu kple nuwɔna me la dom kpɔ o. (Yes. 6:9, 10; 44:18; Mat. 13:10-15) Woŋe aɖaba ƒu nyagblɔɖi aɖe si gblɔ be Mesia la azã kpɔɖeŋuwo alo lododowo le eƒe nufiafiawo me la hã dzi.—Ps. 78:2.\nAme bubuwo gbe Yesu ƒe nufiafiawo le nazãbubu ta. Esi Yesu fia nu le ƒuƒoƒe aɖe le wo de Nazaret la, amewo \"lulu.\" Gake le esi woaxɔ edzi ase be Yesu ye nye Mesia la teƒe la, wobia nyawo ku ɖe ƒome si me wòtso la ŋu be: \"Afi kae ŋutsu sia kpɔ nu siawo tsoe? . . . Alo menye Maria ƒe vi si nye atikpala lae nye esia, eye wònye Yakobo kple Yosef kple Yuda kpakple Simon nɔviŋutsu oa? Eye menye nɔvianyɔnuwoe nye esiawo le mía dome oa?\" (Mar. 6:1-3) Le Nazarettɔwo gome la, ƒome tsɛ ma si me Yesu tso la na wobui be viɖe menɔ eƒe nufiafiawo ŋu o.\nKe subɔsubɔhakplɔlawo ya ɖe? Wo dometɔ akpa gãtɔ gbe toɖoɖo Yesu le susu mawo tɔgbi ta. (Yoh. 7:47-52) Wogbe Yesu ƒe nufiafiawo hã, elabena woʋã ŋui, le esi amewo dzea eyome ta. (Mar. 15:10) Eye ame ŋkuta geɖe mexɔe nyuie o, esi wòƒo nu tsi tsitre ɖe woƒe alakpanuwɔwɔ kple ameflunuwɔnawo ŋu le dutoƒo ta. (Mat. 23:13-36) Yesu bu fɔ wo ɖe ale si woɖoe koŋ wɔ nu le manyamanya me la ta wòsɔ nyuie esi wògblɔ be: \"Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe; mia ŋutɔwo mieyi ɖe [Fiaɖuƒe la me] o, eye miexe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!\"—Luka 11:37-52.\nYesu ɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba ma dzi ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. Ena hehe ame gbogbo aɖewo hã wokpɔ gome le dɔ ma me. (Luka 9:1, 2; 10:1, 16, 17) Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzedze ale gbegbe be Farisitɔwo fa konyi be: \"Kpɔ ɖa! Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.\" (Yoh. 12:19) Eya ta menye ɖe Yudatɔ akpa gãtɔ menya naneke kura o. Ke hã, ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, 'womenya' be Yesu ye nye Mesia la o. Woate ŋu adzi Mesia la ŋuti sidzedze kple lɔlɔ̃ si nɔ wo si nɛ la ɖe edzi hafi, gake womewɔe o. Wo dometɔ aɖewo ƒe asi va nɔ Yesu wuwu me gɔ̃ hã. Le esia ta la, apostolo Petro xlɔ̃ nu wo dometɔ geɖe be: \"Mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, bene miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ, bene wòaɖo Kristo la, si wotia na mi la ɖa, si nye Yesu.\" (Dɔw. 3:19, 20) Eɖe dzesi ŋutɔ be Yudatɔ akpe geɖe, siwo dome \"nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã\" nɔ la, te toɖoɖo. Womegayi edzi wɔ nu le manyamanya me o. Ke boŋ wotrɔ dzi me, eye Yehowa va kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Dɔw. 2:41; 4:4; 5:14; 6:7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090615\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-02-26T20:16:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146485.15\/warc\/CC-MAIN-20200226181001-20200226211001-00017.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981894493,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981894493103027}","num_words":684,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukatae Mose ƒe Sea gblɔ be vidzinuwo ƒe dɔwɔwɔ aɖewo ana 'ame ŋu makɔ o'?\nMawu wɔ vidzinuwo be woato wo dzi adzi vi, eye be wo zazã nado dzidzɔ na srɔ̃tɔwo. (Mose I, 1:28; Lododowo 5:15-18) Gake míekpɔ se aɖewo le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe ta 12 lia kple 15 lia me siwo gblɔ be ŋutsu ƒe tsinyenye, nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ, kple vidzidzi, na ame ŋu mekɔ o. (Mose III, 12:1-6; 15:16-24) Se siawo siwo wotsɔ na Israel-viwo la na wonɔ lãmesẽ me, wodo agbenyuinɔnɔ ɖe ŋgɔ, eye wona wokpɔe be ʋu nye nu kɔkɔe, eye be ehiã be woalé avu ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta.\nMɔ geɖe siwo nu Mose ƒe Sea me nudidi siwo ku ɖe vidzinuwo ŋu, kpe ɖe Israel-viwo ŋu le la dometɔ ɖekae nye be ena wonɔ lãmesẽ me. Agbalẽ si nye The Bible and Modern Medicine (Biblia Kple Egbegbe Atikeŋutinunya) gblɔ be: \"Se si wode be woagadɔ nyɔnu si kpɔ dzinu gbɔ o la kpɔ wo ta tso gbɔdɔdɔ me dɔxɔleameŋu aɖewo me . . . eye enye mɔnu nyui aɖe si dzi woato axe mɔ ɖe vidzidɔ me kansa nu.\" Se siawo kpɔ Mawu ƒe amewo ta tso dɔléle siwo ɖewohĩ womenya alo dea dzesii o kura gɔ̃ hã me. Esi dukɔ sia me tɔwo lé be na woƒe vidzinuwo nyuie ta la, wodzi ɖe edzi abe alesi Mawu do ŋugbe be yeana woasɔ gbɔ eye nu adze dzi na wo la ene. (Mose I, 15:5; 22:17) Se siawo ku ɖe Mawu ƒe amewo ƒe seselelãmenyawo hã ŋu. To se siawo dzi wɔwɔ me la, srɔ̃tɔwo srɔ̃ alesi woaɖu wo ɖokui dzi le gbɔdɔnyawo me.\nGake nusi koŋ nana ame ŋu mekɔna o le vidzinuwo ƒe dɔwɔwɔ mee nye ʋu ƒe sisi le ame ŋu. Menye ʋu ƒe nukɔkɔenyenye dzi koe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe ʋu ŋu la hea Israel-viwo ƒe susu yinae o, ehea woƒe susu yia dɔ vevi siwo wozãna ʋu tsɔ wɔna le Yehowa subɔsubɔ me, siwo nye vɔsawo kple avuléle ɖe nuvɔ̃ ta hã dzi.—Mose III, 17:11; Mose V, 12:23, 24, 27.\nEyata nudidi siwo le Sea me le vidzinuwo ŋu la ku ɖe amegbetɔ ƒe blibomademade ŋu tẽ. Israel-viwo nya be esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ ta la, womagate ŋu adzi vi siwo de blibo o. Woƒe dzidzimeviwo katã akpɔ nuvɔ̃ ƒe nu gbegblẽ me tsonuwo—blibomademade kple ku. (Romatɔwo 5:12) Togbɔ be ɖe wowɔ vidzinuwo le gɔmedzedzea me be srɔ̃tɔwo nato wo dzi adzi vi deblibowo hã la, nuvɔ̃ me tsonuwo wɔe be nuvɔ̃me madeblibowo koe woate ŋu adzi.\nEyata menye nuvɔ̃ si dome Israel-viwo nyi la dzi koe nudidi siwo le Sea me ku ɖe wo ɖokui ŋu kɔkɔ ŋu ɖoa ŋkui na wo o, enana wokpɔnɛ hã be yewohiã tafe si alé avu ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta ahana ameƒomea nagade blibo ake. Gake lãwo ƒe vɔsa siwo wowɔ la mete ŋu wɔ nu ma o. (Hebritɔwo 10:3, 4) Taɖodzinu si nɔ Mose ƒe Sea ŋue nye be wòana woanɔ mɔ kpɔm na Kristo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be Yesu ƒe agbe deblibo si wòtsɔ na la dzi koe woato atsɔ nuvɔ̃wo ake ŋutɔŋutɔ ahana mɔnukpɔkpɔ nasu nuteƒewɔlawo si be woakpɔ agbe mavɔ.—Galatiatɔwo 3:24; Hebritɔwo 9:13, 14.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060601\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-02-21T14:09:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145529.37\/warc\/CC-MAIN-20200221111140-20200221141140-00475.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989055395,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989055395126343}","num_words":521,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ míaƒe agbalẽwo kple nu bubu siwo wotu ɖe Biblia dzi. Xlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeyetɔwo kpakple nu bubu siwo le ete alo wɔ woƒe kɔpi. Se míaƒe agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi le gbegbɔgblɔ geɖe me la femaxee. Kpɔ video siwo le gbegbɔgblɔ geɖe me alo wɔ woƒe kɔpi, tokunɔgbe me tɔwo hã le eme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/","date":"2020-05-29T21:08:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347406365.40\/warc\/CC-MAIN-20200529183529-20200529213529-00244.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988978505,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988978505134583}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.109,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agba Kpekpe Si Le Gbetakpɔla Dzi\nZi geɖea, gbetakpɔlawo nɔa dua ƒe gliwo kple xɔ kɔkɔwo dzi be woana toklã dua me nɔlawo ne wokpɔ be afɔku aɖe gbɔna. Yehowa ɖo Ezekiel be wòanye kpɔɖeŋu \"gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe\" la.\n-\n33:7\nEzekiel xlɔ̃ nu Israel-viwo be ne womeɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, woaku\nYehowa ƒe gbedeasi kae míeɖea gbeƒã egbea?\n-\n33:9, 14-16\nNe Ezekiel xlɔ̃ nu amewo la, aɖe eya ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe agbe\nNu kae aʋã mí be míagblɔ gbedeasi si hiã kpata si Yehowa tsɔ de mía si la?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug14-20\/ezekiel-gbetakp%C9%94la-agba\/","date":"2020-05-30T19:24:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410284.51\/warc\/CC-MAIN-20200530165307-20200530195307-00368.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986306429,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986306428909302}","num_words":95,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AHƆHƆ̃ nenie le asiwò? Ne èɖo eŋu be \"ɖeka\" la, ke èɖo eŋu nyuie. Ke hã ahɔhɔ̃ ƒomevi aɖe gawɔa dɔ le wò ametia me. Ahɔhɔ̃menugbagbevi aɖewo wɔa dɔ nukutɔe ale gbegbe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be wole abe \"ahɔhɔ̃ evelia\" ene. Ahɔhɔ̃ evelia sia mele wò tago me o, ke boŋ wò ƒodo mee wòle. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be enteric nervous system (ENS).\nEbia kutrikuku geɖe kple nuwɔwɔ aduadu hafi ŋutilãa natrɔ nuɖuɖu wòazu nunyiame. Eya ta enyo be wowɔ míaƒe ahɔhɔ̃a be wòaɖe asi le dɔ aɖewo ŋu na dɔgboa (ENS) be wòawɔ.\nTogbɔ be dɔgboa ƒe dɔwɔwɔ le bɔbɔe wu ahɔhɔ̃a tɔ hã la, ale si dɔgboa wɔa dɔe gɔmesese sesẽ. Wobu akɔnta be ahɔhɔ̃menugbagbevi miliɔn 200 va ɖo 600 ye le amegbetɔ me. Wowɔ ahɔhɔ̃menugbagbevi siawo siwo ƒe dɔwɔwɔ wɔ nuku la de dɔgboa me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be ne ɖe ahɔhɔ̃ si le míaƒe tago me awɔ dɔ siwo dɔgboa (ENS) wɔna la, anye ne ahɔhɔ̃meka siwo le míaƒe tagoa me la atri akpa. Abe ale si agbalẽ si nye The Second Brain gblɔe ene la, \"edea ametia dzi eye wòsɔ be dɔgboa nawɔ dɔ le eɖokui si.\"\n\"LÃMETSIWO ƑE DƆWƆƑE\"\nHafi dɔgboa nate ŋu atu nuɖuɖu memie la, ke ele be lãmetsi siwo tututu hiã kple agbɔsɔsɔ siwo hiã la nadza ɖe teƒe siwo tututu wohiã le. Nufialagã Gary Mawe ɖɔ ale si dɔgboa tua nu siwo míeɖuna wòsɔ nyuie be enye \"lãmetsiwo ƒe dɔwɔƒe.\" Ale si lãmetsi vovovo siawo wɔa dɔe la gbɔ ame ƒe gɔmesese ŋu. Le kpɔɖeŋu me, lãmenugbagbevi tɔxɛ aɖewo le míaƒe dɔkaviwo me siwo dea dzesi nu vovovo siwo le nu si míeɖuna la me. Nyatakaka sia kpena ɖe dɔgboa ŋu be lãmetsi si sɔ pɛpɛpɛ nadza ɖe nuɖuɖua dzi be wòatu nyuie na ŋutilã be wòazã. Azɔ hã dɔgboa léa nanewo siwo le nuɖuɖua me la ƒe ŋusẽ nu eye wònana hã be lãmetsi siwo nana dɔgboa tua nuɖuɖu la wɔa dɔ nyuie.\nBu ale si nuɖuɖu wɔna tuna le dɔgboa me abe dɔwɔƒe gã aɖe ene ŋu kpɔ. Wò \"ahɔhɔ̃ evelia\" zãa lãmeka siwo le dɔgboa me tsɔ fiaa mɔ nuɖuɖua yia afi si wòatu wo le. Ale si dɔgboa wɔna tsɔa nuɖuɖu yinɛ be woatu la wɔ nuku. Wò \"ahɔhɔ̃ evelia\" ye fiaa mɔ nuɖuɖua le dɔgboa me yia afi si woatui le. Dɔgboa mezãa ŋusẽ kple tsɔtsɔme ɖeka tɔgbi ne ele nuɖuɖua tum o, ke boŋ ewɔa esia ŋu dɔ ɖe ale si nɔnɔmea bia nu be nuwo nazɔ nyuie.\nDɔgbo la gakpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ. Nugbagbevi siwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu la le nu siwo míeɖuna me. Mewɔ nuku o be nugbagbevi siwo kpɔa ametia ta tso dɔlélewo si me ƒe alafa memama 70 va ɖo 80 la le míaƒe dɔ me! Ne èɖu nu manyomanyo aɖe la, dɔgboa kpɔa wò ametia ta enumake. Dɔgboa naa nyanya nu siwo kpɔa ametia ta be woawɔ nu kpata, woana nàtru loo alo wòana nàŋɔ mĩ.\nKADODO NYUI LE DƆGBOA KPLE AHƆHƆ̃A DOME\nTogbɔ be edze abe dɔgboa wɔa dɔ le eɖokui si hã la, eya kple susua wowɔa nu aduadu. Le kpɔɖeŋu me, dɔgboa wɔa nu vevi aɖe le lãmetsi siwo ɖoa nyatakaka ɖe susua le ɣeyiɣi si wòle be nàɖu nu kple nu agbɔsɔsɔ si wòle be nàɖu la ƒe dɔwɔwɔ me. Nugbagbevi siwo le dɔgboa me ɖoa nyatakaka ɖe susua ne èɖi ƒo eye woate ŋu ana nàdi be yeatru ne èɖu nu fũu akpa.\nHafi nàxlẽ nyati sia la, ɖewohĩ ède dzesii be wò susu kple dɔgboa ɖoa nyatakakawo ɖe wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ède dzesii be nuɖuɖu aɖewo siwo me ami le ɖuɖu nana dzi dzɔa wòa? Numekukuwo ɖee fia be wò dɔgboa ɖoa 'nyatakaka si ana dzi nadzɔ wò' la ɖe susua si wɔnɛ be dzi dzɔa wò. Ðewohĩ esia tae ame aɖewo ɖua nuɖuɖu aɖewo ƒomevi ne nu te ɖe wo dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoakpɔe ɖa, ne anya wɔ be yewoana dɔgboa ŋutɔ nate ŋu ada blanuiléledɔ.\nDzeɖoɖomɔnu ƒe kpɔɖeŋu bubu si yia edzi le ahɔhɔ̃a kple dɔgboa dome ye nye esi woɖɔ be dɔmedzeagbo. Esia dzɔna nenye be dɔgboa mena ʋu sí to ƒodoa me o, alo ne susua xɔ dzo eye wòtsi dzimaɖi. Nu bubu si dzɔna ye nye dzigbɔtɔame elabena ne susua tsi dzodzodzoe la ewɔnɛ be dɔgboa tɔtɔa ɖoɖo si nu dɔkaviawo wɔa dɔ le. Numekulawo gblɔ be ale si dɔgboa ɖoa nyatakakawo ɖe susua gbɔe wòtso be wogblɔna be ame ƒe dɔme bua tame.\nTogbɔ be dɔgboa wɔa nu siawo hã la, mate ŋu abu tame ɖe nuwò alo afia mɔ wò nàtso nya me o. Ne míagblɔe la, menye ahɔhɔ̃e dɔgboa nye o. Mate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpa ha, abu akɔnta alo awɔ dɔdeasi aɖeke na wò o. Ke hã, nu wɔnuku sia kpɔtɔ wɔa moyaa na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ale si wòwɔa dɔ etɔxɛe ta, eye ɖewohĩ nyatakaka gbogbo aɖewo li tso eŋu si ŋu womeke ɖo haɖe o. Eya ta ne èdi be yeaɖu nu la, ekema tɔ sẽe nàde ŋugble le nu siwo katã ayi edzi, ale si wòawɔ nyatakakawo ŋu dɔ, awɔ nu ɖe ɖoɖo nu kple kadodo si anɔ wò dɔgboa kple susua dome le wò dɔ me ŋu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2017-june\/d%C9%94gbo-w%C9%94a-d%C9%94-abe-ah%C9%94h%C9%94%CC%83-ene\/","date":"2020-05-26T21:53:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347391309.4\/warc\/CC-MAIN-20200526191453-20200526221453-00348.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983997345,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983997344970703}","num_words":862,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ðasefo siwo le gome kpɔm le ɖoɖo sia me, woƒe dɔwɔhatiwo kple dɔmemegãwo kpakple dɔdzikpɔlawo ƒo nu tso ale si dɔ sia le afɔ tsɔm nyuie la ŋu.\nEdze abe Armenia dziɖuɖua ɖoe be yeade bubu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ƒe gomenɔamesiwo ŋu azɔ ene. Woda asi ɖe Yehowa Ðasefo geɖewo ƒe biabia be yewoawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe dzi na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Armenia\/","date":"2020-07-04T00:36:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655883439.15\/warc\/CC-MAIN-20200703215640-20200704005640-00482.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996470213,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996470212936401}","num_words":73,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.196,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"PENSILKPANU (taille crayon) si le abe tɔdziʋu sue si Jordan lé ɖe asi la medze nu gã aɖeke o. Gake enye eƒe nu vevitɔwo dometɔ ɖeka. Jordan gblɔ be: \"Russell si nye míaƒe ƒomea ƒe xɔlɔ̃ tsitsi aɖee tsɔe nam le nye ɖevime.\" Jordan va se le Russell ƒe ku megbe be ekpe ɖe ye tɔgbui kple ye dzilawo ŋu ŋutɔ eye wòde dzi ƒo na wo le nɔnɔme sesẽwo me. Jordan gblɔ be: \"Fifia si meva nya nu geɖe tso Russell ŋu la, ewɔe be nunana sue sia xɔ asi nam wu tsã.\"\nAbe ale si wòdzɔ le Jordan gome ene la, nunana aɖewo maɖi naneke le ame aɖewo gbɔ o. Gake ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu si wonae ŋu la, bua nua nu vevi alo nu xɔasii. Biblia ƒo nu tso nunana xɔasi aɖe si ɖeke mesɔ kplii o la ŋu ale: \"Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.\"—Yohanes 3:16.\nNunana si ana exɔla nakpɔ agbe mavɔ ye wònye! Ðe nunana aɖe xɔ asi wu esia? Togbɔ be ame aɖewo made dzesi asixɔxɔ si le nunana sia ŋu o hãa, Kristotɔ vavãwo ya kpɔe be 'exɔ asi' ale gbegbe. (Psalmo 49:8; 1 Petro 1:18, 19) Nu ka tae Mawu tsɔ Via ƒe agbe na ɖe xexea ta?\nApostolo Paulo ɖe nu si tae la me ale: \"To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.\" (Romatɔwo 5:12) Ame gbãtɔ Adam, ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu eye wòkpɔ emetsonua. To Adam dzi la, eƒe dzidzimeviwo katã le kukum.\n\"Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.\" (Romatɔwo 6:23) Mawu dɔ Via, Yesu Kristo, ɖo ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe debliboa asa vɔe ɖe xexea ta ale be yeaxɔ na amegbetɔwo tso ku si me. Ame siwo katã xɔa Yesu ƒe vɔsa si woyɔna be \"tafe\" la dzi sena la akpɔ agbe mavɔ.—Romatɔwo 3:24.\nPaulo gblɔ tso yayra siwo katã Mawu ana esubɔlawo to Yesu Kristo dzi ŋu be: \"Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.\" (2 Korintotɔwo 9:15) Nyateƒee, tafea wɔ nuku ale gbegbe be mímate ŋu aɖɔe wòade edeƒe o. Gake le nu siwo katã Mawu na amegbetɔwo faa dome la, nu ka tae tafea le etɔxɛ? Mɔ ka nue wòto vovo na Mawu ƒe nunana bubuwo le? * Eye aleke wòle be míawɔ nu ɖe eŋu? Míele kpewòm be nàxlẽ ale si Biblia ɖo nya siawo ŋu le nyati eve siwo kplɔ esia ɖo la me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp201703\/agbe-mav%C9%94-mawu-%C6%92e-nunana\/","date":"2020-08-12T18:31:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738913.60\/warc\/CC-MAIN-20200812171125-20200812201125-00083.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9948576689,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994857668876648}","num_words":455,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"3 Ke Petro kple Yohanes nɔ gbedoxɔa me yim hena gbedodoɖa ƒe ɣeyiɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia*, 2 eye wokɔ ŋutsu aɖe si nye atatututɔ tso dadaa ƒe dɔ me la va yina, eye wokɔnɛ dana ɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtru si woyɔna be Ʋɔtru Dzeani la gbɔ gbe sia gbe, bene wòabia nu ame siwo gena ɖe gbedoxɔa me la. 3 Esi eƒe ŋku kli Petro kple Yohanes wonɔ gegem ɖe gbedoxɔa me la, ede asi wo biabia me be woakpɔ nublanui ana nane ye. 4 Ke Petro, kple Yohanes hã, kpɔe dũu, eye wògblɔ be: \"Kpɔ mí ɖa.\" 5 Eya ta efɔ ŋku ɖe wo dzi gãa, henɔ mɔ kpɔm be yeakpɔ nane tso wo gbɔ. 6 Gake Petro gblɔ be: \"Klosalo kple sika mele asinye o; gake nu si le asinye la, eya nam mele wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me, zɔ!\" 7 Ale wòlé eƒe nuɖusi, eye wòkɔe ɖe dzi. Enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔƒomewo kple eƒe afɔkɔewo ŋu; 8 eye wòti kpo hetso, eye wòte zɔzɔ, eye wònɔ zɔzɔm nɔ kpo tim henɔ Mawu kafum ge ɖe gbedoxɔa me kpli wo. 9 Eye ameawo katã kpɔe wònɔ zɔzɔm henɔ Mawu kafum. 10 Wokpɔe dze sii hã be eyae nye ŋutsu si nɔa anyi ɖe gbedoxɔ ƒe Agbo Dzeani la nu le nubiabia ta, eye woƒe mo wɔ yaa, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo, le nu si dzɔ ɖe edzi la ta. 11 Ke esi ŋutsu la lé ɖe Petro kple Yohanes ŋu goŋgoŋ la, amewo katã ƒu du va ƒo ƒu ɖe wo ŋu le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. 12 Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na ameawo be: \"Israel ŋutsuwo, nu ka tae nu sia le nuku wɔm na mi, alo nu ka tae miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo ɖokuitsɔtsɔ na Mawu gbɔe wòtso be míena wòzɔ azɔli ene? 13 Abraham kple Isak kpakple Yakob ƒe Mawu, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, do eƒe Dɔla Yesu ɖe dzi, ame si miawo miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, esime wòɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi. 14 Ɛ̃, miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ ma gbɔ, eye miebia be woaɖe asi le ŋutsu si nye amewula ŋu na yewo faa, 15 eye miewu agbe ƒe Kplɔla Vevitɔ la boŋ. Gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, nu si ŋuti ɖasefowo míenye. 16 Eya ta eƒe ŋkɔ, eƒe ŋkɔ si dzi míexɔ se, lae na ŋusẽ ɖo ŋutsu sia si kpɔm miele hedze sii la ŋu, eye xɔse si to eyama dzi lae na lãmesẽ blibo ŋutsua le mi katã ŋkume. 17 Eye azɔ nɔviwo, menya be manyamanya mee miewɔe le, abe miaƒe dziɖulawo ke ene. 18 Gake mɔ sia dzie Mawu to na nu siwo wògblɔ do ŋgɔ to nyagblɔɖilawo ƒe nu me, be yeƒe Kristo la akpe fu la, va eme. 19 \"Eya ta mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, bene miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ, 20 bene wòaɖo Kristo la, si wotia na mi la ɖa, si nye Yesu, 21 ame si wòle be dziƒo naxɔ ɖi, va se ɖe nu siwo katã ŋu Mawu ƒo nu tsoe to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe siwo nɔ anyi le blema ƒe nu me la ƒe ɖɔɖɔɖoɣiwo. 22 Le nyateƒe me la, Mose gblɔ be: 'Yehowa Mawu ana nyagblɔɖila aɖe nado tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene. Ele be miaɖo toe le nya siwo katã wòagblɔ na mi la nu. 23 Ɛ̃, luʋɔ sia luʋɔ si maɖo to Nyagblɔɖila ma o la, woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ tso dukɔ la dome.' 24 Eye nyagblɔɖilawo katã, ɛ̃, tso Samuel dzi kple ame siwo katã kplɔe ɖo, ame ale si nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia kɔtɛ le ŋkeke siawo hã ŋuti. 25 Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham be: 'Eye le wò dzidzimevi la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã.' 26 Esi Mawu tia eƒe Dɔla la vɔ la, miawo gbɔe wòɖoe ɖo gbã, be wòayra mi, to ale si wòatrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa tso miaƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo gbɔe me.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Ŋdɔ ga 3 lɔƒo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/bi12\/agbal%E1%BA%BDwo\/D%C9%94w%C9%94w%C9%94wo\/3\/","date":"2020-08-09T09:44:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738523.63\/warc\/CC-MAIN-20200809073133-20200809103133-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993191957,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993191957473755}","num_words":686,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":",\n\"Bisa Kdei - Odo Carpenter\" nye ɛha.\nƐha la ƒe gbe la nye blugbe.\nƐha la ƒe eƒe la nye 2014.\nGɔmesese\nNenye wo doŋkudzi gɔmedzedze la keŋ miaaƒe lɔlɔ atrɔgbɔ.\nBisa Kdei nye atikpala.\nE nye ehiatɔ.\nNyɔnuvi lɔ e.\nBisa Kdei vazu xɔsi.\nBisa Kdei ŋlɔbɛ nyɔnuvi la ƒe lɔlɔ la.\nNyɔnuvi la vazu nugblanyui.\nBisa Kdei doŋkudzi eƒe dzogbedi.\nEƒe lɔlɔ trɔgbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/ee.kasahorow.org\/node\/1377533\/%22Bisa%20Kdei%20-%20Odo%20Carpenter%22%20%C6%91e%20G%C9%94mesese?gl=e","date":"2020-10-29T11:24:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107904039.84\/warc\/CC-MAIN-20201029095029-20201029125029-00678.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9327737093,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9327737092971802, \"ajg_Latn_score\": 0.06722850352525711}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.956,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe subɔsubɔhawo katã dea bubu Mawu ŋua?\nNe èse nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la, ɖewohĩ àde dzesii be amewo wɔa nu tovowo le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me. Menye subɔsubɔhawo katãe dzea Mawu ŋu o. (Mateo 7:15) Le nyateƒe me la, wokplɔ ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ trae.\nAleke nàwɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ?\nYehowa Mawu le nyateƒea fiam subɔsubɔha vovovo me tɔwo; ele nu fiam wo hã be woalɔ̃ wo nɔewo, eye wòto esia dzi le wo nu ƒom ƒu ɖekae. (Mixa 4:2, 3) Eya ta àte ŋu ade dzesi subɔsubɔha vavã me tɔwo bɔbɔe, elabena wotsɔa ɖe le eme na wo nɔewo.\nYehowa Mawu na ame ƒomevi vovovowo le ɖeka wɔm le tadedeagu vavãtɔ me.\nSubɔsubɔha vavã me tɔwo xɔ Biblia dzi se, eye wonɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu. (2 Timoteo 3:16) Wodea bubu Mawu ƒe ŋkɔa hã ŋu. (Psalm 83:19) Woɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea be eya koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. (Daniel 2:44) Wowɔa nyui na wo haviwo abe ale si Yesu wɔe ene, eye wotoa esia wɔwɔ me nana woƒe 'kekelia klẽna.' (Mateo 5:16) Eya ta woate ŋu ade dzesi Kristotɔ vavãwo bɔbɔe, elabena woyia woƒe aƒelikawo ƒe aƒewo me be yewoagblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na wo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140801\/sub%C9%94sub%C9%94ha-vav%C3%A3t%C9%94-dea-bubu-mawu-%C5%8Bu\/","date":"2020-10-20T23:58:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107874340.10\/warc\/CC-MAIN-20201020221156-20201021011156-00357.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978091121,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997809112071991}","num_words":201,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Fia Nu Viwòwo\nTimoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ\n\"ÈSƆ gbea?\" Ðe ame aɖe bia nya ma wò kpɔa?— Meka ɖe edzi be ɖe amea di be yeanya be èle dzadzra ɖo ɖi hã. Ðewohĩ nu si amea di be yeanyae nye be: 'Ètsɔ wò nusrɔ̃gbalẽwoa? Èto wò nusɔsrɔ̃awo mea?' Abe ale si míele ekpɔ ge ene la, Timoteo sɔ gbe.\nLɔlɔ̃ faa ƒe nɔnɔme hã nɔ Timoteo si. Èse nya sia gɔmea?— Esime wokpe Timoteo be wòava wɔ subɔsubɔdɔ na Mawu la, nɔnɔme si mawusubɔla bubu aɖe ɖe fia esime wògblɔ be, \"Nyee nye esi, dɔm!\" lae wòɖe fia. (Yesaya 6:8) Esi wònye be Timoteo sɔ gbe helɔ̃ faa be yeasubɔ ta la, ekpɔ dzidzɔ le agbe me. Àdi be yease nu tso eŋua?—\nWodzi Timoteo le Listra, si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa alafa geɖewo. Mamaa, Loide kple dadaa, Eunike, srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ. Esime Timoteo nye vidzĩe gɔ̃ hã la, wote Ŋɔŋlɔawo fiafiae.—2 Timoteo 1:5; 3:15.\nAnɔ eme be esime Timoteo kpɔtɔ nye sɔhɛ lae apostolo Paulo kplɔ Barnaba ɖe asi yi Listra, le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔ legbe gbãtɔa me. Ðewohĩ ɣemaɣie Timoteo dada kple mamaa va zu Kristotɔwo. Àdi be yease fukpekpe siwo me Paulo kple Barnaba to le afi ma?— Enyo. Nu si dzɔe nye be ame siwo melɔ̃ Kristotɔwo ƒe nya o ƒu kpe Paulo ʋuu wòtsi anyigba, eye wohee do go le dua me. Wosusui be eku.\nAme siwo xɔ Paulo ƒe nufiafiawo dzi se la va ƒo ƒu ɖe eŋu, eye wòfɔ. Esi ŋu ke la, Paulo kple Barnaba wodzo le Listra, gake eteƒe medidi o wogatrɔ yi. Esi woɖo afi ma la, Paulo ƒo nuƒo aɖe hegblɔ na nusrɔ̃laawo be: \"Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.\" (Dɔwɔwɔwo 14:8-22) Èse nya si Paulo gblɔ la gɔmea?— Egɔmee nye be ame bubuwo ahe fukpekpe va ame siwo subɔa Mawu la dzi. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo emegbe be: 'Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu la, woati woawo hã yome.'—2 Timoteo 3:12; Yohanes 15:20.\nEsi Paulo kple Barnaba wodzo le Listra la, wotrɔ yi aƒe. Le ɣleti aɖewo megbe la, Paulo tia Sila be wòakplɔ ye ɖo, eye woa kplii wogbugbɔ yi ɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ le teƒe siwo Paulo ɖe gbeƒã le va yi la be yewoade dzi ƒo na wo. Esi wova ɖo Listra la, Timoteo anya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Paulo gatrɔ va! Nu si gado dzidzɔ na Timoteo wue nye esi Paulo kple Sila wokpee be wòawɔ ɖeka kpli yewo le mɔzɔzɔa me. Timoteo megbe o. Esɔ gbe helɔ̃ faa be yeayi kpli wo.—Dɔwɔwɔwo 15:40–16:5.\nWo ame etɔ̃a wodze mɔ hezɔ afɔ kilometa geɖe, eye emegbe wova ɖo tɔdziʋu. Esi wova dze go la, wozɔ yi Tesalonika le Hela. Ame geɖewo va zu Kristotɔwo le afi ma. Gake ame aɖewo ya do dziku vivie eye woɖo tame be yewoawɔ nuvevi wo. Paulo, Sila, kple Timoteo ƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta wodzo yi Beroia.—Dɔwɔwɔwo 17:1-10.\nPaulo tsi dzi ɖe xɔsetɔ yeye siwo le Tesalonika la ŋu vevie, eya ta edɔ Timoteo ɖe wo gbɔ. Ènya nu si ta yea?— Paulo ɖe eme na Tesalonika Kristotɔawo emegbe be: 'Bene wòana mianɔ te sesĩe, eye wòafa akɔ na mi be dzi nagaɖe le mia dometɔ aɖeke ƒo o.' Ènya nu si tae wònye sɔhɛ Timoteo ye Paulo dɔ ɖe dɔ sia si me afɔku le la gbe ɖoa?— Enyo. Eyae nye be tsitretsiɖeŋulaawo menya Timoteo nyuie o, eye eya ŋutɔ hã lɔ̃ faa be yeayi. Esia bia dzinɔame��o geɖe ŋutɔ! Alekee nuwo va yii? Esime Timoteo de gbɔ la, eƒo nu tso ale si gbegbe Tesalonikatɔawo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asii la ŋu na Paulo. Eya ta Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: \"Wofa akɔ na mí le mia ŋuti.\"—1 Tesalonikatɔwo 3:2-7.\nTimoteo subɔ ɖekae kple Paulo hena ƒe ewo siwo kplɔe ɖo. Emegbe wova lé Paulo de ga le Roma, eye Timoteo si hã woɖe le ga me eteƒe medidi o la yi ɖanɔ egbɔ. Esime Paulo nɔ ga me la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Filipitɔwo, eye ɖewohĩ Timoteo ye wògblɔ nyaawo na wòŋlɔ. Paulo gblɔ be: 'Mele mɔ kpɔm be madɔ Timoteo aɖo ɖe mia gbɔ, elabena ame aɖeke mele asinye, si nye nuteƒewɔla si alé be na mi nyuie de enu o.'—Filipitɔwo 2:19-22; Hebritɔwo 13:23.\nAleke gbegbee nya mawo ado dzidzɔ na Timoteo enye esi! Paulo va lɔ̃ Timoteo vevie ŋutɔ, elabena esɔ gbe helɔ̃ faa be yeasubɔ. Míexɔe se be wò hã àwɔ nenema.\nNyabiasewo:\nAfi kae Timoteo tsi le, eye nu kae dzɔ esime Paulo yi afi ma zi gbãtɔ?\nNu kae Timoteo wɔ esime Paulo kple Sila kpee be wòazɔ mɔ kpli yewo?\nAleke Timoteo ɖe dzinɔameƒo fiae, eye nu ka tae Paulo lɔ̃e vevie ɖo?\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nNu kae dzɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080401\/Timoteo-Es%C9%94-Gbe-Hel%C9%94%CC%83-Faa-Be-Yeasub%C9%94\/","date":"2020-12-02T04:44:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141686635.62\/warc\/CC-MAIN-20201202021743-20201202051743-00285.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9938746095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9938746094703674}","num_words":789,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Nu ka tae míehiã mɔfiamewo?\nMía Wɔla la nya nu wu mí. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, eléa be na mí. Ke hã meɖoe be míanɔ mía ɖokuiwo si ye manɔmee o. (Yeremiya 10:23) Eya ta abe ale si ko ɖeviwo hiãa wo dzilawo ƒe mɔfiame ene la, mí katã míehiã Mawu ƒe mɔfiamewo. (Yesaya 48:17, 18) Biblia me gɔmeɖosewo fiaa mɔ mí, eye wonye nunana tso Mawu gbɔ na mí.—Xlẽ 2 Timoteo 3:16.\nYehowa ƒe sewo kple eƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔ nyuitɔ si nu wòle be míanɔ agbe ɖo la mí egbea kple ale si míawɔ axɔ teƒeɖoɖo mavɔwo le etsɔme. Esi wònye Mawue wɔ mí ta la, ɖeko wòsɔ be míawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.—Xlẽ Psalmo 19:8, 12; Nyaɖeɖefia 4:11.\n2. Nu kawoe nye Biblia me gɔmeɖosewo?\nBiblia me gɔmeɖosewoe nye nyateƒenya veviwo. Gake sewo ya kuna ɖe nɔnɔme gobi aɖewo ŋuti. (5 Mose 22:8) Ehiã be míabu tame nyuie hafi míate ŋu ase ale si woate ŋu awɔ gɔmeɖose aɖe ŋu dɔ le nɔnɔme aɖe koŋ me la gɔme. (Lododowo 2:10-12) Le kpɔɖeŋu me, Biblia fia mí be nunanae agbe nye tso Mawu gbɔ. Gɔmeɖose vevi sia ate ŋu afia mɔ mí le ale si míawɔ nu ne míele dɔ me, aƒe me, alo míele mɔ zɔm la me. Enana míewɔa nu siwo ana míanɔ dedie.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:28.\n3. Gɔmeɖose eve kawoe nye vevitɔwo?\nYesu ƒo nu tso gɔmeɖose eve siwo le vevie wu la ŋu. Gbãtɔ ɖe nu si ta koŋ mí amegbetɔwo míele agbe ɖo la fia, eyae nye be míanya Mawu, alɔ̃e ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Ele be míabu gɔmeɖose gbãtɔ sia ŋu le míaƒe nyametsotso ɖe sia ɖe wɔwɔ me. (Lododowo 3:6) Ame siwo léa gɔmeɖose sia me ɖe asi la nyea Mawu xɔlɔ̃wo, wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ, eye woava nɔ agbe mavɔ.—Xlẽ Mateo 22:36-38.\n4. Aleke Biblia me gɔmeɖosewo ɖea vi na míi?\nBiblia me gɔmeɖosewo fiaa ƒomewo ale si woawɔ awɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me. (Kolosetɔwo 3:12-14) Mawu ƒe Nya la gakpɔa ƒomewo ta le mɔ sia nu be efia gɔmeɖose bubu aɖe hã wo, eyae nye be ele be srɔ̃tɔwo nanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa.—Xlẽ 1 Mose 2:24.\nNe míewɔna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi la, ate ŋu akpɔ mía ta le ŋutilã me kple seselelãme gome siaa. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, dɔtɔwo dia dɔwɔla siwo wɔna ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo nye anukwareɖiɖi kple kutrikuku la dzi. (Lododowo 10:4, 26; Hebritɔwo 13:18) Mawu ƒe Nya la fia mí hã be míana nu siwo le mía si la nadze mía ŋu eye míade asixɔxɔ mía kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu wu ŋutilãmenuwo.—Xlẽ Mateo 6:24, 25, 33; 1 Timoteo 6:8-10.\nBiblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ kpɔa míaƒe lãmesẽ ta. (Lododowo 14:30; 22:24, 25) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se siwo tsi tsitre ɖe ahamumu ŋu dzi wɔwɔ kpɔa mía ta tso dɔléle vɔ̃ɖiwo kple afɔkuwo si me. (Lododowo 23:20) Yehowa ɖe mɔ na mí be míate ŋu ano aha muame, gake míanoe le ŋuɖɔɖo me. (Psalmo 104:15; 1 Korintotɔwo 6:10) Mawu ƒe gɔmeɖosewo ɖea vi na mí le mɔ sia nu be wofiaa mí be míanɔ ŋudzɔ ɖe míaƒe nuwɔnawo kple tamesusuwo siaa ŋu. (Psalmo 119:97-100) Ke hã, menye vi si Mawu ƒe sewo ɖena na Kristotɔ vavãwo la ta koe wow��na ɖe wo dzi ɖo o. Ke boŋ be woade bubu Yehowa ŋu tae.—Xlẽ Mateo 5:14-16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/biblia-me-g%C9%94me%C9%96osewo-%C9%96ea-vi-na-m%C3%AD\/","date":"2021-04-19T03:54:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038863420.65\/warc\/CC-MAIN-20210419015157-20210419045157-00202.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977138638,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977138638496399}","num_words":520,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.279,"stopwords_ratio":0.242,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MARCH 26, 2020\nXEXEA ME KATà ƑE NYADZƆDZƆWO\nCoronavirus dɔvɔ̃ si wogayɔna be (COVID-19) la na nu geɖe trɔ le Yehowa Ðasefo miliɔn geɖewo ƒe agbe me, eye dziɖuɖuwo na mɔfiamewo siwo awɔe be dɔvɔ̃a nagakaka o. Eya ta Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe mɔfiamewo dzi evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, yewoayi edzi awɔ yewoƒe subɔsubɔdɔa. Le dukɔ siwo me dɔvɔ̃ sia kaka le wu me la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dze agbagba to mɔ vovovowo dzi yi edzi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm.\nNɔviŋutsu aɖe si le Pisa le Italy, gblɔ be: \"Gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim nyuie ale gbegbe! Esi ame geɖewo va le aƒe me fifia ta la, nye kple srɔ̃nye míedi amewo ƒe kaƒodzesiwo le míaƒe fon dzi eye míewɔa ɖoɖo yɔa wo to videokadodowo dzi. Míele Biblia nusɔsrɔ̃ kple tɔtrɔyi geɖewo wɔm, eye wo dometɔ aɖewo nye ame yeyewo alo ame siwo míeƒo nu kplii kpɔ. Míezã gaƒoƒo geɖewo tsɔ dzro Biblia me kpli wo, eye nu nyuiwo le dodom tso eme.\"\nLe South Korea la, dɔvɔ̃a wɔe be gbeƒãɖela geɖewo va le jw.org nyatakakadzraɖoƒea kple JW Library dɔwɔnua zãm geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi nɔviŋutsu aɖe li ko la, eƒe Biblia nusrɔ̃vi si dzudzɔ nusɔsrɔ̃ ƒe etɔ̃ sɔŋ ye nye ema la ɖo text message ɖee. Biblia nusrɔ̃via gblɔ be ale si dɔvɔ̃ sia le nu gblẽm la wɔe be yeva nɔ ŋugble dem le ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ŋu. Nɔviŋutsua ɖo nyati siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu siwo le JW Library dɔwɔnua dzi ƒe link ɖe Biblia nusrɔ̃via to text message dzi. Nɔviŋutsua gblɔ be \"dɔvɔ̃ sia si nye kpeɖodzi be míele ŋkeke mamlɛawo me la wɔe be ame geɖe va di be yewoanya Mawu eye wodi be yewoasrɔ̃ Biblia. Esia wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.\"\nNyatakaka geɖe siwo míexɔ tso alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo la ɖee fia be mía nɔviwo dea asixɔxɔ woƒe subɔsubɔdɔa ŋu ŋutɔ. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míakpɔ ale si wole \"nunya vavãtɔ\" ŋu dɔ wɔm be yewoayi edzi agblɔ nya nyuia na amewo.—Mika 6:9.\nNutome sue dzikpɔla aɖe le kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔm le Puerto Rico\nNɔvinyɔnu mɔɖela aɖewo siwo le Germany la tsiã ka kple wo nɔewo to videokadodo dzi hele lɛtawo ŋlɔm\nNɔvinyɔnu aɖe si le South Korea la le Biblia srɔ̃m kple ame aɖe\nAtsu kple asi aɖe si le France la le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm to telefon dzi\nNɔvinyɔnu aɖe kple via siwo le Hawaii la le lɛta ŋlɔm","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/jw\/nuto\/xexea-me\/%C3%90asefo-Siwo-Le-Xexea-Me-Godoo-La-To-M%C9%94nu-Yeyewo-Dzi-Yi-Edzi-Le-Gbe%C6%92%C3%A3-%C3%90em-Esime-Coronavirus-D%C9%94v%C9%94%CC%83a-Le-Nu-Gbl%E1%BA%BDm\/","date":"2021-06-15T18:22:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487621519.32\/warc\/CC-MAIN-20210615180356-20210615210356-00558.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991883636,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991883635520935}","num_words":414,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.278,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Zà ME koŋ aƒemedadiwo dona. Anɔ eme be woƒe nufuwo (fu lɔbɔlɔbɔ siwo nɔa nugbɔ na wo) kpena ɖe wo ŋu wokpɔa nu siwo tsɔ ɖe wo gbɔ kple nu si wodi be yewoalé la dzea sii, vevietɔ le anyinufaɣiwo.\nBu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmeka geɖewo le lãkusi siwo me dadi ƒe nufuwo mie tso la me. Ne ya vi aɖe teti gɔ̃ hã ƒo la, lãmekaawo nana dadia senɛ le eɖokui me. Esia wɔe be etea ŋu dea dzesi nu siwo tsɔ ɖe egbɔ ne mekpɔ wo o hã eye ɖikekemanɔmee la, esia kpena ɖe eŋu le zã me.\nEsi wònye be ne ya vi aɖe teti ƒo lɔ dadi ƒe nufuwo la, dadia tea ŋu senɛ le eɖokui me ta la, ezãa eƒe nufuwo tsɔ dea dzesi afi si nu si wòdi be yealé la le kple eƒe zɔɖeɖe kpakple afi si nu bubuwo hã le. Nufuwo hã kpena ɖe dadi ŋu wònyaa nuwo ƒe nugbɔ ƒe lolome hafi nyana ne ate ŋu atoe alo mate ŋu atoe o. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be \"nu ʋɛ aɖe ko wonya tso dɔ si nufuwo wɔna la ŋu, ke hã wode dzesii be ne wotso dadi aɖe ƒe nufuwo la, exɔa ŋusẽ le dadia si hena ɣeyiɣi aɖe.\"\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo le robot aɖewo wɔm siwo ŋu wodea nu siwo wɔa dɔ abe dadi ƒe nufuwo ene la le ale be wòakpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na mɔxenuwo. Aƒetɔ Ali Javey si nye dzɔdzɔmeŋutinunyafiala le California Yunivɛsiti si le Berkeley gblɔ be woate ŋu azã nufu siwo tɔgbi wowɔ la na \"robot deŋgɔwo, mɔ̃ɖaŋunuwo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe dɔ bubuwo.\"\nNu kae nèsusu? Ðe ale si dadi ƒe nufuwo wɔa dɔe la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201504\/d%C9%94-si-dadi-%C6%92e-nufuwo-w%C9%94na\/","date":"2021-06-12T15:21:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487584018.1\/warc\/CC-MAIN-20210612132637-20210612162637-00432.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972938299,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972938299179077}","num_words":290,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 312\nStanza 1\nNu ɖeka dim mele wu wo katã,\nŊusẽdonu ɖeka ko;\nNe nu ɖeka sia ko le mía si la,\nMíakpɔ ŋusẽ kple dzidzɔ.\nMíaƒe ŋku tsi ame ɖeka dzi ɖaa,\nAme si ƒe fifia trɔ zu ʋu la;\nKpɔ ɖa etsyɔ mo anyi\nHeno efofoa ƒe kplu.\nStanza 2\nŊkunye me ko wòanɔ tegbetegbe,\nAbe alẽvi ene.\nEsi wohee ɖ'a-titsoga ŋu la,\nEƒe ʋu ɖuɖu ɖ'a-nyi!\nEƒo kudɔ le nye luʋɔ ŋuti,\nBene magabu gbeɖegbeɖe o.\nEsi wòbe: evɔ la,\nEɖo ŋku nye hã dzinye.\nStanza 3\nYesu, mègana maŋlɔ nye nu vɔ̃\nKple wò lɔlɔ̃ la be o!\nEsime menɔ viviti me tsã,\n'Ye mètsɔm ƒe gbe kpɔ o;\nÈdze nye, wò alẽ tatra, yome,\nHafi mese wò, ny'a-ƒetɔ, ƒe gbe;\nÈtrɔ asi, si sẽna,\nHeƒlem tso xexe la me.\nStanza 4\nTɔwò menye, wò hã nènye tɔnye!\nYesu, na wòanɔ nenem!\nMimi wò ŋkɔ vivi ɖe nye dzi me,\nBene wòana wò ŋusẽm!\nLe wò ŋkɔ dzi ko mawɔ nu sia nu,\nManɔ agbe na wò ase maku\nAle manɔ xexe me,\nAse ɖe nye ku me ke.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-312\/","date":"2021-09-23T17:49:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979227185,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979227185249329}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 350\nStanza 1\nMada 'kpe na wò le agbe me,\nHalase nye kuɣi naɖo,\nLe wò nublanuikpɔkpɔ gã ta,\nBe mekpɔ ɖeɖe to dziwò.\nWò dzifia, nèɖi gbɔ ɖokuiwò\nHewɔm dziƒo ƒe domenyila.\nStanza 2\nMaɖo ŋku dziwò yi mavɔ me,\nWò koe nanye nusianu nam.\nWò ko matsɔ ɖokuinye ana,\nFifi nèzɔ, fima mato,\nNyemagagblẽ wò ɖi akpɔ o,\nYowòme manɔ kple dzi blibo.\nStanza 3\nXexeame ƒe nu vlowo katã\nWobúna abe dzoxi 'ne.\nGbɔɖemeƒe dim nye luʋɔ le,\nFisi tseɖuɖu mele o;\nXexemenuwo yomenɔnɔ\nMana wò dzi nakpɔ dzudzɔ o.\nStanza 4\nAme ɖeka ko ɖe mi katã\nTso nuvɔ̃ ƒe bablawo me;\nAme ɖeka ŋe nuvɔ̃ ƒe ti,\nXɔ ŋusẽ keŋ le ku hã si!\nMía ɖela Yesu zu dziɖula,\nFutɔ dadala yi to vɔ keŋ.\nStanza 5\nAzɔ naxɔm wɔ tɔwò blibo,\nNye xɔse, lɔlɔ̃, mɔkpɔkpɔ!\nGbɔwò nye luʋɔ haya blibo,\nKluvi la zu ablɔɖevi.\nOo, xɔ nye dzi dahe la ko dzro,\nmanye tɔwò l' afi kple afima!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-350\/","date":"2021-09-27T08:19:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00373.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968713522,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968713521957397}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.01,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.168,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1\nYesu Kristo ƒe dzidzime\n(Luka 3:23-38)\n1Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:\n2Abraham dzi Isak,\nIsak dzi Yakob,\neye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,\n3Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar,\nPerez dzi Hezron,\nHezron hã dzi Ram,\n4Ram dzi Aminadab,\nAminadab dzi Naheson,\nNahson dzi Salmon,\n5Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab.\nBoaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut.\nObed dzi Yese.\n6Yese dzi Fia David,\nDavid dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.\n7Solomo dzi Rehoboam,\nRehoboam dzi Abiya,\neye Abiya hã dzi Asa.\n8Asa dzi Yehosafat,\nYehosafat dzi Yoram,\nYoram dzi Uzia,\n9Uzia dzi Yotam,\nYotam dzi Ahaz,\nAhaz dzi Hezekia,\n10Hezekia dzi Manase,\nManase dzi Amon,\nAmon dzi Yosia.\n11Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.\n12Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la,\nYekonia dzi Sealtiel,\nSealtiel dzi Zerubabel,\n13Zerubabel hã dzi Abihud,\nAbihud dzi Eliakim,\neye Eliakim dzi Azɔ.\n14Azɔ dzi Zadok,\nZadok dzi Akim,\nAkim dzi Elihud,\n15Elihud dzi Eleaza,\nEleaza dzi Matan,\nMatan hã dzi Yakob,\n16eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.\n17Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.\nYesu dzidzi\n(Luka 2:1-7)\n18Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.\n20Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, \"Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.\"\n22Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, 23\"Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel\" (si gɔmee nye, \"Mawu li kpli mí \").\n24Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.bible.com\/bible\/1613\/MAT.1","date":"2021-10-23T21:09:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323585768.3\/warc\/CC-MAIN-20211023193319-20211023223319-00437.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989356399,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989356398582458}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.287,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"33 Azɔ Yakob fɔ mo dzi, eye wòkpɔ Esau gbɔna, eye ŋutsu alafa ene le eŋu.+ Eya ta ema ɖeviawo na Lea kple Rahel kpakple subɔvinyɔnu eveawo.+ 2 Etsɔ subɔvinyɔnuawo kple wo viwo ɖo ŋgɔ,+ Lea kple viawo le wo yome,+ eye Rahel+ kple Yosef le wo megbe. 3 Eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ, eye wòtsyɔ mo anyi zi adre va se ɖe esime wògogo nɔvia. 4 Ke Esau ƒu du yi ɖakpee, ekpla asi kɔ nɛ hegbugbɔ nu nɛ, eye wowó avi. 5 Esi wòfɔ mo dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebiae be: \"Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?\" Eɖo eŋu be: \"Vi siwo Mawu ve wò dɔla nu henae lae.\"+ 6 Eye subɔvinyɔnuawo kple wo viwo te va hetsyɔ mo anyi, 7 eye Lea hã kple viawo te va hetsyɔ mo anyi. Eye Yosef kple Rahel te va, eye wotsyɔ mo anyi.+ 8 Eye Esau biae be: \"Mɔzɔlawo ƒe ha gã ka gbegbee nye esi va kpem?\"+ Eye wòɖo eŋu be: \"Be nye aƒetɔ nave nunye tae.\"+ 9 Eye Esau gblɔ be: \"Nɔvinye, nu geɖe le asinye xoxo.+ Wò nuwo nenɔ anyi na wò ko.\" 10 Ke Yakob gblɔ be: \"Gbeɖe, meɖe kuku. Ne ève nunye la, ekema xɔ nye nunana la, elabena ɖe metsɔe vɛ ne mate ŋu akpɔ wò mo. Eye mekpɔ wò mo abe Mawu ƒe moe mekpɔ ene, elabena èxɔm kple dzidzɔ.+ 11 Meɖe kuku, xɔ nye yayranunana sia si wotsɔ vɛ na wò la dzro,+ elabena Mawu ve nunye, eye nu sia nu si hiãm la su asinye.\"+ Eyi edzi nɔ eƒom ɖe enu va se ɖe esime wòxɔe. 12 Emegbe Esau gblɔ be: \"Na míaho adzo, eye madze ŋgɔ na wò.\" 13 Ke egblɔ nɛ be: \"Nye aƒetɔ nyae be ŋusẽ mele ɖeviawo ŋu o,+ eye ele be makpɔ alẽawo kple nyi siwo le no nam wo viwo la hã gbɔ. Ne woakplɔ wo kple du ŋkeke ɖeka la, ekema lãha blibo la katã aku. 14 Meɖe kuku, nye aƒetɔ nedze eƒe dɔla ŋgɔ, ke nye ŋutɔ mayi mɔzɔzɔa dzi ɖɔɖɔɖɔ le ale si nye lãha la kple ɖeviawo ate ŋui la nu, va se ɖe esime meɖo nye aƒetɔ gbɔ le Seir.\"+ 15 Eye Esau gblɔ be: \"Na magblẽ nye ameawo dometɔ aɖewo ɖe gbɔwò.\" Eye Yakob gblɔ be: \"Nu ka ŋuti nàwɔe alea? Nye aƒetɔ neve nunye ko.\" 16 Ale Esau gatrɔ yi Seir gbe ma gbe. 17 Eye Yakob dze mɔ va Sukot,+ eye wòtso aƒe na eɖokui hetu agbadɔwo na eƒe lãha la. Esia tae wòna ŋkɔ teƒea be Sukot.* 18 Esi Yakob ʋu tso Padan-Aram+ la, eva ɖo Sekem+ si le Kanaan-nyigba+ dzi dedie, eye wòtu agbadɔ ɖe dua xa. 19 Eye wòtsɔ klosalogaku alafa ɖeka ƒle anyigba si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la le Sekem fofo Hamor ƒe viwo si.+ 20 Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòyɔe be Mawu, Israel ƒe Mawu.+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye \"Agbadɔwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/33\/","date":"2022-01-16T11:44:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320299852.23\/warc\/CC-MAIN-20220116093137-20220116123137-00492.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993063211,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999306321144104}","num_words":463,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.274,"stopwords_ratio":0.238,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"26 Ke dɔ to le anyigba la dzi, esia to vovo na dɔ si to va yi le Abraham ŋɔli;+ eya ta Isak yi Filistitɔwo ƒe fia Abimelek gbɔ le Gerar. 2 Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ be: \"Mègayi Egipte o. Nɔ anyigba si matia na wò la dzi. 3 Nɔ anyigba sia dzi nànye amedzro le edzi,+ manɔ kpli wò, eye mayra wò, elabena wò kple wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba siawo katã ana,+ eye mawɔ atam si meka na fofowò Abraham la dzi,+ 4 'Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene,+ eye matsɔ anyigba siawo katã ana wò dzidzimeviwo;+ eye anyigbadzidukɔwo katã axɔ yayra to wò dzidzimeviwo dzi,'+ 5 elabena Abraham ɖo to nye gbe, eye wòyi edzi wɔ nye didiwo, nye mɔfiamewo, nye ɖoɖowo kple nye sewo dzi.\"+ 6 Ale Isak yi edzi nɔ Gerar.+ 7 Ne ŋutsu siwo le afi ma la bia nyae tso srɔ̃a ŋu la, egblɔna be: \"Nɔvinyee.\"+ Ele vɔvɔ̃m be yeagblɔ be \"Srɔ̃nyee,\" elabena egblɔ be: \"Afi ma ŋutsuwo ava wum le Rebeka ta\"; elabena edze tugbe.+ 8 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo ƒe fia Abimelek nɔ nu kpɔm to fesre nu, eye wòkpɔ be Isak ye nye ema le fefem kple srɔ̃a Rebeka lɔlɔ̃tɔe.+ 9 Enumake Abimelek yɔ Isak gblɔ nɛ be: \"Srɔ̃wòe wònye tso! Ke nu ka tae nègblɔ be: 'Nɔvinyee'?\" Isak gblɔ nɛ be: \"Megblɔe nenema, elabena mele vɔvɔ̃m be woava wum le eta.\"+ 10 Ke Abimelek gblɔ be: \"Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu?+ Anye ne nye ameawo dometɔ ɖeka ate ŋu ade asi srɔ̃wòa ŋu bɔbɔe; eye àna míaɖi fɔ!\"+ 11 Eye Abimelek de se na ameawo katã be: \"Ame sia ame si aka asi ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui!\" 12 Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi, eye wòkpɔ nu si wòƒã la ƒe teƒe alafa ɖeka le ƒe ma me, elabena Yehowa yrae.+ 13 Ale ŋutsu la va zu kesinɔtɔ, eye nuwo nɔ edzi dzem nɛ va se ɖe esime wòzu kesinɔtɔ gã aɖe. 14 Alẽhawo kple nyihawo kpakple subɔviwo ƒe ha gã aɖe va su esi,+ eye Filistitɔwo va nɔ ŋu biãmee. 15 Eya ta Filistitɔwo lɔ ke tsɔ xe vudo siwo katã fofoa ƒe subɔviwo ɖe le Abraham ŋɔli la keŋ.+ 16 Abimelek gblɔ na Isak be: \"Dzo le míaƒe nutoa me, elabena èva kpɔ ŋusẽ geɖe wu mí.\" 17 Eya ta Isak dzo le afi ma, eye wòyi ɖatu eƒe agbadɔ ɖe Gerar Bali+ la me henɔ afi ma. 18 Eye Isak gbugbɔ vudo siwo woɖe le fofoa Abraham ŋɔli siwo Filistitɔwo va xe le Abraham ƒe ku megbe+ la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo.+ 19 Esi Isak ƒe subɔviwo nɔ bali la me kum la, wova ke ɖe vudo aɖe si me tsi nyui le ŋu. 20 Eye Gerar lãkplɔviwo de asi dzrewɔwɔ me kple Isak ƒe lãkplɔviwo hegblɔ be: \"Mía tɔe vudo sia nye!\" Eya ta ena ŋkɔ vudo la be Esek,* elabena wowɔ dzre kplii. 21 Eye wogadze vudo bubu ɖeɖe gɔme, ke wogade asi dzrewɔwɔ me ɖe eya hã ta. Eya ta ena ŋkɔe be Sitna.* 22 Emegbe edzo le afi ma yi ɖaɖe vudo bubu, gake womewɔ dzre ɖe ema ya ta o. Ale wòna ŋkɔe be Rehobot* hegblɔ be: \"Elabena Yehowa na teƒe gã aɖe mí, eye wòna míesɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.\"+ 23 Emegbe edzo le afi ma yi Beer-Seba.+ 24 Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ be: \"Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu.+ Mègavɔ̃ o,+ elabena meli kpli wò, mayra wò eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ le nye subɔla Abraham ta.\"+ 25 Eya ta eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma heyɔ Yehowa ŋkɔ.+ Eye Isak tu eƒe agbadɔ ɖe afi ma,+ eye eƒe subɔviwo ɖe vudo ɖe afi ma. 26 Emegbe Abimelek tso Gerar va egbɔ, eya kple eƒe aɖaŋuɖola Ahuzat kpakple eƒe aʋafia Pikol.+ 27 Eye Isak gblɔ na wo be: \"Esi mielé fum, eye mienyam le miaƒe nutoa me ɖe, nu ka tae mieva gbɔnye?\" 28 Woɖo eŋu nɛ be: \"Míekpɔe dze sii be Yehowa li kpli wò.+ Eya ta 'Míeɖe kuku, na míaka atam na mía nɔewo, ne míabla nu kpli wò,+ 29 be màwɔ vɔ̃ aɖeke mí o, abe ale si ko míawo hã míewɔ nu vevi aɖeke wò o, ke boŋ míewɔ nyui ɖeɖe sɔŋ na wò hedo mɔ wò le ŋutifafa me ene. Fifia Yehowa ƒe ame yayrae nènye.'\" 30 Emegbe eɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu no nu. 31 Wofɔ ŋdi kanya, eye woka atam na wo nɔewo.+ Eyome Isak do mɔ wo, eye wodzo le egbɔ le ŋutifafa me. 32 Gbe ma gbe la, Isak ƒe subɔviwo va gblɔ vudo si woɖe la ŋu nya nɛ+ be: \"Míeke ɖe tsi ŋu!\" 33 Eya ta ena ŋkɔe be Siba. Esia tae woyɔ du la be Beer-Seba+ va se ɖe egbe sia. 34 Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri vinyɔnu Yudit kple Hititɔ+ Elon vinyɔnu Basemat. 35 Eye nyɔnu siawo zu nuxaxa gã aɖe na Isak kple Rebeka.*+\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye \"Dzre.\"\n^ Egɔmee nye \"Fɔbuame.\"\n^ Egɔmee nye \"Teƒe Gãwo.\"\n^ Egɔmeɖeɖe tẽe, \"wodo vevesese na Isak kple Rebeka ƒe gbɔgbɔ.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/1-mose\/26\/","date":"2022-01-16T11:57:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320299852.23\/warc\/CC-MAIN-20220116093137-20220116123137-00344.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990860224,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990860223770142}","num_words":826,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míede dzesii be ame siwo le subɔsubɔha aɖe me xoxo la lɔ̃a dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu. Ke hã, míedea bubu gome si le amewo si be woaxɔ nu siwo to vovo na mía tɔ dzi se la ŋu, eya ta mieziã míaƒe gbedeasia ɖe wo dzi o.\nNe míele dze ɖom kple amewo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la, míedzea agbagba be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be 'miafa tu' ahawɔ nu ɖe amewo ŋu le \"bubu deto\" me la dzi. (1 Petro 3:15) Míenyae be ame aɖewo maxɔ míaƒe gbedeasia o ya. (Mateo 10:14) Ke hã, míenyana ale si ame aɖe awɔ nu ɖe gbedeasia ŋu o negbe ɖe míeƒo nu kplii hafi. Míede dzesii hã be amewo ƒe nɔnɔme te ŋu trɔna.\nLe kpɔɖeŋu me, vovo manɔ ame aɖe ŋu be wòaɖo dze kple mí le ɣeyiɣi aɖe me o, gake alɔ̃ fãa aɖo dze kple mí le ŋkeke bubu dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ameawo anya nɔ go dom kuxi yeyewo alo nɔnɔme aɖewo siwo nu wòle be woanɔ te ɖo, si ana be woava tsɔ ɖe le Biblia ƒe gbedeasia me. Eya ta míedzea agbagba trɔ yia amewo gbɔ zi geɖe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/mele-sub%C9%94sub%C9%94ha-a%C9%96e-me\/","date":"2022-01-21T18:43:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320303512.46\/warc\/CC-MAIN-20220121162107-20220121192107-00166.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970623255,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970623254776001}","num_words":196,"character_repetition_ratio":0.071,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apostolowo ƒe\nDɔwɔwɔwo\nƒe agbalẽ\n1\nYesu ƒe dziƒoyiyi\n1 O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me 2 va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. 3 Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. 4 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, \"Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo, 5 elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.\"\n6 Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, \"Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?\"\n7 Yesu ɖo eŋu na wo be, \"Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. 8 Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.\"\n9 Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me. 10 Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. 11 Ame eve siawo gblɔ na wo bena, \"Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.\"\nMatias tiatia\n12 Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene. 13 Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye:\nPetro, Yohanes, Yakobo, Andrea;\nFilipo kple Toma;\nBartolomeo kple Mateo;\nYakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.\n14 Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.\n15 Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be, 16 \"Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ. 17 Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.\"\n18 (Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma. 19 Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)\n20 Petro gblɔ be, \"Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be,\n\" 'Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo,\nmègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,'\neye,\n\" 'Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.' \"\n21 Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, \"Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí, 22 tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.\"\n23 Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. 24 Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, \"Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí 25 be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.\"\n26 Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/ACT01.htm","date":"2022-05-19T12:49:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00688.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998744905,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987449049949646}","num_words":772,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yohanes\nƒe agbalẽ evelia\n1\n1 Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye Mawu ƒe ame tiatia tɔxɛ, ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o, ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la 2 le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta:\n3 Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.\n4 Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene. 5 Eye azɔ la, nyɔnu lɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o, ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo. 6 Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.\n7 Ameblela geɖewo siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexea me. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ. 8 Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo. 9 Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me. 10 Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado wòezɔ teti hã nɛ o, eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me kura o. 11 Ame si xɔ ame sia la sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ me.\nTaƒonyawo\n12 Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi, gake nyemaŋlɔe kple agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽ o, ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa, eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.\n13 Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2JN01.htm","date":"2022-05-19T12:22:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00724.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993263483,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993263483047485}","num_words":353,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.323,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ao. Yehowa Ðasefowo metsi tre ɖe abuidodo ŋu o. Míebua abuidodo be enye Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe nyametsotso si wòle be eya ŋutɔ nawɔ. Yehowa Ðasefo geɖe tianɛ be yewoado abui atsɔ akpɔ yewo ɖokui ta.\nNe míedze dɔa, míedia dɔdamɔnu nyuiwo, eye míekpɔa dzidzɔ ɖe ale si atikeŋutinunyalawo yi ŋgɔ le atikewɔnyawo me be woateŋu alé dɔléle vɔ̃ɖiwo nu ŋu ŋutɔ. Míekpɔa dzidzɔ ɖe ale si lamesẽdɔwɔlawo kɔa dɔme wɔa woƒe dɔ kutrikukutɔe, vevietɔ, le ɣeyiɣi sesẽwo mea ŋu ale gbegbe.\nYehowa Ðasefowo wɔa nu aduadu kple lamesẽdɔwɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, tso esime Corona dɔvɔ̃a te kakaa, Yehowa Ðasefowo yi edzi le nyatiwo tam ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le nyatakakadzraɖoƒe sia tsɔ le dzi dem ƒo na amewo be woawɔ ɖe dɔlélea ŋuti mɔfiamewo dzi ale be woanɔ dedie. Nyati siawo dometɔ aɖewo ƒo nu tso nu si ta wòle vevie be míanɔ adzɔge vie tso amewo gbɔ, ale si míawɔ nu ne míele ame dome, kple mɔfiame siwo ku ɖe ameɖokui sikasika, asi kɔklɔ, motsyɔnu ɖɔɖɔ kpakple aɖaŋuɖoɖo bubu ɖe sia ɖe si dziɖuɖua na be woakpe ɖe mía ŋu míanɔ dedie la ŋu.—Romatɔwo 13:1, 2.\nƑe geɖe nye esia, Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo tea gbe ɖe nya vevi siwo gbɔna dzi:\nAme ŋutɔe atso nya me le dɔdamɔnu si wòatia la ŋu.—Galatiatɔwo 6:5\n\"[Magazine sia] mekafu dɔdamɔnu aɖe be enyo wu bubuwo o, eye meɖoa aɖaŋu tso dɔdamɔnu aɖeke ŋu o. Nyatakaka siwo katã le magazine sia me nye nyateƒenya vevi siwo ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu na ame sia me. Magazine sia xlẽlawo awɔ woawo ŋutɔwo ƒe lãmesẽnyawo kple dɔdada ŋuti nyametsotsowo.\"—Nyɔ!, February 8, 1987.\n\"Ne wò kple viwòwo miado abui alo mimadoe o la nye wò ŋutɔ wò nyametsotso.\"—Nyɔ!, August 22, 1965.\nMíedina be woada dɔ na mí elabe míedea asixɔxɔ gã aɖe agbe ŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:28.\n\"Ðasefowo dia kpekpeɖeŋu tso lamesẽŋutinunyalawo gbɔ ne wodze dɔ. Wolɔ̃ agbe eye wowɔa nu sia nu si sɔ eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la ale be woanɔ agbe didi.\"—Gbetakpɔxɔ, July 1, 1975\n\"Yehowa Ðasefowo lɔ̃na faa be woawɔ atike na yewo eye woakpɔ yewo gbɔ le kɔdzi. Wodi be yewoanɔ lãmesẽ nyui me ahanɔ agbe didi. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo aɖewo nye atikewɔlawo, abe ale si Kristotɔ Luka, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, hã nye atikewɔla ene. . . . Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ si atikewɔlawo ɖena fiana la ŋu ŋutɔ. Eye wokpɔa ŋudzedze ɖe gbɔdzɔe si wokpɔna le ame siawo ƒe kpekpeɖeŋu ta la ŋu.\"—Gbetakpɔxɔ, February 1, 2011.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/jw-abuidodo\/","date":"2022-05-17T17:35:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662519037.11\/warc\/CC-MAIN-20220517162558-20220517192558-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987658262,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987658262252808}","num_words":408,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Petro\nƒe agbalẽ gbãtɔ\n1\n1 Nye, Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa Mawu ƒe ame tiatia siwo nye amedzrowo le xexea me, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me, 2 ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me.\nAmenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.\nWoakafu Mawu le mɔkpɔkpɔ gbagbe ta\n3 Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta wòna gbugbɔdzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me, to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me. 4 Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xɛ alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi, 5 ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia. 6 Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta. 7 Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyate��etɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. 8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, 9 elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.\n10 Ɖeɖe sia tae Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nu gɔme vevie kple beléle tɔxɛ, 11 hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti. 12 Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti, to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖo ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ nu siawo.\nWoyɔ mí be míanɔ kɔkɔe\n13 Eya ta midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi. 14 Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o, 15 ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, 16 elabena woŋlɔ ɖi be, \"Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe.\"\n17 Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me. 18 Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, 19 ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o. 20 Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta. 21 To eya amea dzi la, miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me.\n22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke. 23 Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. 24 Elabena,\n\"Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,\neye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,\ngbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,\n25 ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.\"\nKe esiae nye nya si wogblɔ na mi la.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1PE01.htm","date":"2022-05-19T12:27:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00772.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983765483,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983765482902527}","num_words":712,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Apostoloawo kple hamemetsitsiawo va kpe ta be yewoalé nya sia kpɔ.—Dɔw. 15:6.\nOctober 1, 1988, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: \"Hamemetsitsiwo alɔ̃ ɖe edzi be Kristo ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi aʋã hamemetsitsi ɖe sia ɖe be wòahe hamemetsitsi susɔeawo ƒe susu ayi Biblia ƒe mɔfiafia si akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nyametsotso vevi aɖe alo akpɔ kuxi vevi aɖe gbɔ la dzi. (Dɔw. 15:7-15) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe hamemetsitsiwo katã ŋu, ke menye wo dometɔ ɖeka ŋu koe wòkpena ɖo o.\" Hamemetsitsi si dea bubu nɔvia hamemetsitsiwo ŋu la medzea agbagba ɣesiaɣi be yee aƒo nu gbã le hamemetsitsiwo ƒe kpekpewo me o. Eya ɖeka mexɔa nyawo katã gblɔna o, eye mesusuna be ye ɖeka ƒe susu koe nye nyuitɔ ɣesiaɣi o. Ke boŋ, egblɔa eƒe susuwo le ɖokuibɔbɔ me. Eɖoa to nyuie ne hamemetsitsi bubuwo le woƒe susuwo gblɔm. Vevietɔ wue nye be, elɔ̃na faa gblɔa Biblia me mɔfiame siwo wònya la na nɔvia hamemetsitsiwo, eye nenema kee wòlɔ̃na faa wɔna ɖe \"kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela\" ƒe mɔfiamewo dzi. (Mat. 24:45-47) Ne hamemetsitsiwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu le woƒe kpekpewo me la, Mawu ƒe gbɔgbɔa anɔ kpli wo, eye afia mɔ wo woawɔ nyametsotso nyuiwo.—Yak. 3:17, 18. w20.08 27 ¶5-6\nYi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.—Rom. 12:21.\nŊusẽ nɔ apostolo Paulo ƒe futɔwo ŋu wu eya amea sãsãsã. Enuenu la, wona wolée, ƒoe hedee gaxɔ me. Azɔ hã, ame siwo wòle be woanye Paulo xɔlɔ̃wo hafi la mewɔ nu ɖe eŋu nyuie kura o. Kristo hamea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã tsi tre ɖe eŋu. (2 Kor. 12:11; Flp. 3:18) Gake Paulo ɖu ame siwo katã tsi tre ɖe eŋu la dzi. Le mɔ ka nu? Eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã. Ewɔ nu ɖe nɔvia haxɔsetɔwo ŋu nyuie ne woawo ya mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. Eye ƒo wo katã ta la, ewɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe ku me. (2 Tim. 4:8) Menye esi ŋusẽ le eya ŋutɔ ŋu tae wòte ŋu wɔ nu siawo katã ɖo o, ke boŋ esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tae. Ðe amewo dzua wò alo tsia tre ɖe ŋuwòa? Wò taɖodzinue nye be nàna Mawu ƒe Nya la naƒo ke ɖe to ɖe amewo ƒe susuwo kple dziwo me. Àte ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ ne èzãa Biblia tsɔ ɖoa amewo ƒe nyabiasewo ŋu, ne èdea bubu ame siwo wɔa nu manyomanyowo ɖe ŋuwò la ŋu henyoa dɔme na wo, eye nèwɔa nyui na amewo katã, wò futɔwo kura gɔ̃ hã.—Mat. 5:44; 1 Pet. 3:15-17. w20.07 17-18 ¶14-15\nWò ɖokuibɔbɔe doa gãm.—2 Sam. 22:36.\nÐe míate ŋu agblɔe ŋutɔŋutɔ be Yehowa bɔbɔa eɖokuia? Ɛ̃, míate ŋui, abe ale si David gblɔe le egbe ƒe mawunyakpukpuia me ene. (Ps. 18:35) Esime David nye ɖevi la, nyagblɔɖila Samuel va wo ƒe me be yeasi ami na ame si ava zu Israel-fia yeye la. Ðewohĩ, nudzɔdzɔ sia ye nɔ susu me na David esime wòŋlɔ nya mawo. David ye nye ɖevitɔ le efoa enyiawo dome; ke hã, eyae Yehowa tia be wòava nye fia ɖe Fia Saul teƒe. (1 Sam. 16:1, 10-13) David alɔ̃ ɖe nya siwo hakpala aɖe gblɔ tso Yehowa ŋu la dzi godoo. Hakpalaa gblɔ be: \"Ebɔbɔ be yeakpɔ dziƒo kple anyigba, efɔa ame tsɛ ɖe tsitre tso ʋuʋudedi me. Ekɔa ame dahe ɖe dzi tso dzofi me ne wòana wòabɔbɔ nɔ bubumewo dome.\" (Ps. 113:6-8) Ale si Yehowa wɔa nu kple esubɔla amegbetɔ madeblibowo la ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui. Menye ɖeko wòkpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔdɔwo ŋu ko evɔ o, ke ebua mí hã be míenye ye xɔlɔ̃wo. (Ps. 25:14) Yehowa ŋutɔ tso le eɖokui si tsɔ Via sa vɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta ale be ƒomedodo nyui nate ŋu anɔ mía kpli ye dome. Nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve ka gbegbee nye esi wòɖe fia mí! w20.08 8 ¶1-3","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2022-08-17T05:15:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882572833.95\/warc\/CC-MAIN-20220817032054-20220817062054-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971578717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997157871723175}","num_words":628,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.268,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Aʋawɔwɔ Va Le Egbea\nWOTSO sitsoƒesaɖa la kpatakpata be woate ŋu akpɔ dzeƒe na sitsoƒedila 1,548 siwo tso Afrika-dukɔ si ɖe liƒo kpli wo me va ɖo le vome. Wotu avɔgbadɔ siwo ƒe amadede nye blɔ kple aŋutiɖiɖi ɖe ba me ɖe deve aɖe me. Elektrikŋusẽ alo aba menɔ anyi o, eye pɔmpimetsi alo afɔdzi menɔ anyi o. Tsi nɔ dzadzam. Sitsoƒedilaawo zã atiwo tsɔ ɖe ʋe suesuewoe be tsi magage ɖe agbadɔawo me o. Dukɔwo dome kpekpeɖeŋunahabɔbɔ eve wɔ dɔ moveviɖoɖotɔe be woana nuwo naka ɖe eme na wo.\nDo ŋgɔ la, sitsoƒedilaawo zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖo agbatsɔtɔdziʋu gbagbã aɖe tsɔ sii le dukɔmeviʋa si gblẽ nu le wo de dukɔ ŋu ƒe geɖe la nu. Menye aʋawɔʋuwo kple bɔmbdayameʋu gãwoe wotsɔ wɔ aʋa siae o. Asrafo siwo anye ame 150 siwo si tuwo nɔ wotsɔ ge ɖe dukɔa me koe wotsɔ dze egɔmee. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, asrafoawo dze kɔƒeduwo dzi, xɔ adzɔ le dukɔmeviwo si, xɔ ame geɖe ɖe asrafodɔa me, hewu amesiame si tsi tre ɖe wo ŋu. Mlɔeba, woɖu dukɔ bliboa dzi.\nSitsoƒedilaawo dometɔ ɖeka si nɔ asaɖaa me la nye ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Esther. Egblɔ be: \"Nu sesẽtɔ kekeake si dzɔɖe dzinye kpɔ le nye agbe mee nye srɔ̃nye wuwu le aʋa sia me. Tue wodae. Vɔvɔ̃ nɔ anyi ale gbegbe. Ne èse ame aɖe ƒe ɣli la, ɖeko wòawɔ na wò be ame aɖe gbɔna ye wu ge. Ɣesiaɣi si nàkpɔ ame aɖe wòalé tu ɖe asi la, àsusu be ɖe wògbɔna ye wu ge. Nye dzi medze eme gbeɖe o. Afisia koe mete ŋu dɔa alɔ̃ le zã me le. Nyemete ŋu dɔa alɔ̃ le mía de o. Afisia ya medɔa alɔ̃ abe vidzĩ ene.\"\nNyɔ! ŋlɔlaa biae be: \"Le agbadɔ fafa sia me hã.\"\nEsther ko nu. \"Ne ahiã be madɔ ba sia me gɔ̃ hã la, madɔ alɔ̃ wu alesi medɔnɛ le afisi metso va.\"\nAmbrose, amesi xɔ ƒe ewo, tsɔ eƒe agbenɔƒe akpa gãtɔ nɔ sisim le aʋawɔwɔwo nu kpe ɖe eƒe ƒomea ŋu. Egblɔ be: \"Medi be ŋutifafa neva ne mayi suku elabena mele tsitsim.\"\nKpana, amesi xɔ ƒe asieke la, ƒe ŋkuwo le hɔ̃e eye wodze ani. Esi wobia nusiwo nye ɖevimenu siwo dzi wòɖo ŋkui la, eɖo eŋu enumake be: \"Aʋawɔwɔ! Dzrewɔwɔ!\"\nAʋa si nu amesiawo si le la ƒomeviwo bɔ le ƒe siawo me. Magazine aɖe gblɔ be le aʋa gã 49 siwo wowɔ tso ƒe 1990 me la, tu suewo koe wotsɔ wɔ wo dometɔ 46. To vovo na yi alo akplɔ̃, siwo zazã bia aɖaŋu kple ŋusẽ be woate ŋu azãe nyuie le aʋawɔwɔ me la, tu suewo zazã wɔe be aʋawɔwɔ va le bɔbɔe na amesiwo mebi ɖe ezazã me o kple amesiwo bi ɖe ezazã me siaa. * Zi geɖe la, woxɔa ƒewuiviwo kple ɖevi suewo dea eme hezinɛ ɖe wo dzi be woaha nunɔamesiwo, awɔ nuvevi amewo, ahawu amewo.\nAʋa siawo dometɔ geɖe menyea dukɔ eve dome ʋa o, ke boŋ esiwo dukɔawo me tɔwo ŋutɔŋutɔ wɔna kpli wo nɔewo. Menye asrafo siwo xɔ hehe le aʋagbedzi ye wɔa aʋa siawo o, ke boŋ zi geɖe la, dukɔmevi siwo le dugãwo, duviwo, kple kɔƒewo mee wɔnɛ. Esi aʋawɔlaawo dometɔ geɖe mexɔ asrafowo ƒe hehe o ta la, meɖea fu na wo be woada aʋawɔsewo dzi o. Le esia ta ebɔ be wodzea nyɔnuwo, kple ɖeviwo, amesiwo si ametaʋlinu aɖeke mele o dzi. Wobui be le aʋa siwo wowɔna egbea me la, amesiwo wowuna la dometɔ siwo wu alafa memama 90 nye dukɔmevi dzrowo. Le aʋa siawo me la, tu suewo kple tu siwo mekpena o ye wozãna wu.\nEle eme baa be tuwo mehea aʋawɔwɔ vɛ tẽ ya o—amewo nɔ aʋa wɔm xoxoxo hafi wova to ɖu vɛ. Ke hã kɔlili tuwo ɖi ate ŋu ade aʋawɔwɔ ƒe dzi ƒo wu ŋutifafawɔwɔ. Aʋawɔnuwo ate ŋu ana aʋawɔwɔ teƒe nadidi ahana ʋukɔkɔɖi nasɔ gbɔ.\nTogbɔ be aʋawɔnu siwo zãm wole le aʋa siwo wɔm wole le egbeŋkekeawo me le sue hã la, woƒe nugblẽƒe teƒe mekɔ o. Le ƒe 1990-awo me la, aʋawɔnu siawoe wu ame miliɔn ene kple edzivɔ. Amesiwo wu miliɔn 40 va zu sitsoƒedilawo loo alo amesiwo wonya de gbe. Tu suewo gblẽ nu le teƒe siwo wole aʋa wɔm le ƒe dunyahehe, hadomegbenɔnɔ, ganya, kple nutowo me nyawo ŋu. Dukɔ vovovowo ƒo ƒu zã ga dɔlar biliɔn geɖe ɖe kpekpeɖeŋu kpatawo nana, sitsoƒedilawo dzikpɔkpɔ, ŋutifafawɔwɔ, kple asrafowo ƒe avuléle ŋu.\nNukatae tu suewo va nye egbeŋkekea me ʋawo ƒe akpa vevi aɖe? Afikae wokpɔa wo tsonɛ? Nukae woate ŋu awɔ be woaɖe woƒe nugbegblẽ ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ alo aɖee ɖa kuraa? Míadzro nyabiabia siawo me le nyati siwo kplɔe ɖo la me.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 9 Nya \"tu suewo\" fia tu siwo woléna ɖe abɔta dana kple asituwo—tu siwo ame ɖeka te ŋu dana; tu siwo woyɔna be \"tu siwo mekpena o\" dometɔ aɖewoe nye esiwo dana trena ɖe enu, kple bɔmbdatuwo, siwo wohiãna ame eve ɣeaɖewoɣi hafi woadae.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]\nUN PHOTO 186797\/J. Isaac","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010408\/Alesi-A%CA%8Baw%C9%94w%C9%94-Va-Le-Egbea\/","date":"2022-08-08T19:02:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570871.10\/warc\/CC-MAIN-20220808183040-20220808213040-00189.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990990162,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990990161895752}","num_words":828,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne Dzidzedzekpɔkpɔ Zu Nu Sesẽ\nÐetugbui aɖe zu hadzila xɔŋkɔ le eƒe ƒe 20-awo me eye wòkpɔ hotsui ŋutɔ. Ame ʋɛ aɖewo koe xɔ ŋkɔ eye ga nɔ wo si abe ɖetugbui sia ene esime woxɔ ƒe sia tɔgbi. Gake nuwo va te gbegblẽ le eƒe agbe me. Esi eƒe srɔ̃ɖeɖe eve me gblẽ vɔ megbe la, eva hiã be wòaɖanɔ ahanomunɔwo kple atike vɔ̃ɖi zãlawo dzi kpɔƒewo. Megava nya ta le eƒe agbe ŋu kura o.\nNUBLANUITƆE la, menye ɖetugbui sia ɖeɖe ko dzie nu sia dzɔ ɖo o; nu wɔnublanui sia dzɔna ɖe ame xɔŋkɔwo dzi eye nyadzɔdzɔgbalẽwo kaa nya ta tso wo ŋu edziedzi. Le dukɔ deŋgɔwo kura gɔ̃ hã me la, ame siwo dze abe ɖe nu dze edzi na wo ene la tɔtɔna le agbe me zi geɖe. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ tso ame siwo kpɔ dzidzedze wu le ganyawo gome le New York City ŋu be: \"Hloloetsotso be woakpɔ viɖe si gbegbe ame aɖeke mekpɔ kpɔ o la le ƒomewo gbãm eye wòna atike muame dzralawo le dɔ dzi. . . . Togbɔ be viɖekpɔkpɔ alea ƒe nunana tɔxɛwo xɔxɔ naa Amerika Gasitsaƒe Gã (Wall Street) ƒe gasitsala aɖewo sena le wo ɖokui me be ame aɖeke mate ŋu awɔ wu yewo o hã la, nyaƒoɖeamenu si li be woaʋli ayi ŋgɔ la naa nu tena ɖe wo dometɔ aɖewo dzi ale gbegbe be ɖeɖi tea wo ŋu belibeli.\"\nÐe kuxi siawo ƒomevi doa mo ɖa le esi amewo dzea agbagba be yewoakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze to mɔ si mesɔ o dzi ta? Enye nyateƒe be míehiã ga aɖe si nu le agbe me. Gake ɖe kɔlili kesinɔnuwo nana ame kpɔa dzidzedze ŋutɔŋutɔa? Numekukuwo ɖee fia be menye nenemae o. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le China nyitsɔ laa ɖee fia be togbɔ be dɔwɔlawo ƒe fetu va dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple afã hã la, nu siwo va su wo si mena woƒe dzi dze eme o.\nEkema, edze ƒãa be nu bubu aɖe, si le vevie wu ame ƒe dɔwɔɖui, kple eƒe aƒe, ʋu, alo gaƒoɖokui ƒe asixɔxɔ, ye wòle be wòaɖee afia be ame kpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ. Ðe mele be nu si naa wokpɔa dzidzedze la nanye nu si aɖe nu si tututu ame nye ŋutɔŋutɔ, si ado ƒome kple tameɖoɖo si le ame ƒe agbe ŋu kple gɔmeɖose siwo nu wònɔa agbe ɖo la, boŋ afia oa? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖe dze aɖaŋu ŋutɔ eye wòkpɔ ŋusẽ ale gbegbe, evɔ wòhenye ame ƒuƒlu le amelɔlɔ̃ kple agbe nyui nɔnɔ gome, eye xɔlɔ̃ vavã aɖeke mele esi o. Ame aɖe hã ƒe ŋkɔ ate ŋu anyɔ eye kesinɔnu geɖe anɔ esi, evɔ ne etrɔ kpɔ megbe la wòabia eɖokui be, 'Viɖe kae le nu siawo katã ŋu? Gɔmesese kae le nye agbe ŋu?'\nAzɔ míate ŋu aƒo nya ta be ele be gɔmesese deto aɖe nanɔ ame siwo kpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ la ƒe agbe ŋu, eye gɔmeɖose nyuiwo nanɔ mɔ fiam woƒe agbenɔnɔ. Ema ko hafi dzidzeme asu wo si, woase le wo ɖokui me be bubu le yewo ŋu, eye amewo ade bubu wo ŋu. Woanye ame siwo ƒe agbe ŋu tameɖoɖo vavã aɖe anɔ, si le vevie wu woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ko didi, si ana gɔmesese nanɔ woƒe agbe ŋu eye wòana woakpɔ dzidzɔ. Ame aɖewo abia be, 'Gɔmeɖose kawoe?' 'Eye tameɖoɖo kae?' Ðe míate ŋu ake ɖe biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu le mía ɖokuiwo sia? Alo ɖe wòle be míadi ŋuɖoɖoawo le afi bubu aɖea? Nyati eve siwo kplɔ esia ɖo aɖe nya siawo me.—g08 11-E.\n[Aɖaka si le axa 3]\nDZIDZEDZEKPƆKPƆ ŊUTI NUKPƆSUSU TOTRO\nLãmesẽmenɔnɔ ŋuti numekulawo gblɔ be sɔhɛ kamedefefewɔla geɖe wu va le lɔlɔ̃m fifia be yewoazã atike vɔ̃ɖi gblẽnuleameŋuwo bene yewoate ŋu aɖu dzi le kamedede me. Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe ka nya ta be: \"Esi wobia gbe kɔledzidela aɖewo le numekuku aɖe me nyitsɔ laa be, 'Ne ènya be yeaɖu dzi alo woatia ye de hoʋlila bibiwo dome ne yezã atike vɔ̃ɖi, evɔ le ƒe atɔ̃ megbe àdze dɔ ɖe, àlɔ̃ azãea?' hã la, wo katã kloe ɖo eŋu be ɛ̃. Esi wotrɔ nyaa bia be 'ne ènya be yeaku le ƒe atɔ̃ megbe ɖe?' hã la, wo dometɔ 65 le alafa me galɔ̃ ɖe edzi be yewoazãe.\"—Education Update.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200901\/Ne-Dzidzedzekp%C9%94kp%C9%94-Zu-Nu-Ses%E1%BA%BD\/","date":"2022-08-18T04:19:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882573163.7\/warc\/CC-MAIN-20220818033705-20220818063705-00115.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980876446,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980876445770264}","num_words":709,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.—1 Kor. 4:6.\nYakobo kple Yohanes kpakple wo nɔ te ɖe Yesu ŋu bia tso esi be wòawɔ nane si Yehowa ɖeka koe kpɔ mɔ awɔ la ŋu kpɔ. Yesu mehe ɖe megbe o, egblɔ na wo enumake be ye Fofo si le dziƒo la ɖeka koe ate ŋu atso nya me le ame si anɔ anyi ɖe yeƒe ɖusime alo miame le Fiaɖuƒea me la ŋu. (Mat. 20:20-23) Yesu ɖee fia be yenya afi si yeƒe ŋutetewo se ɖo. Ebɔbɔ eɖokui! Mewɔ naneke si Yehowa mebia tso esi be wòawɔ o la gbeɖe o. (Yoh. 12:49) Aleke míate ŋu asrɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu nyui sia si Yesu ɖo ɖi na mí? Míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la ne míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le egbe ƒe mawunyakpukpuia me dzi. Eya ta, ne ame aɖe bia tso mía si be míaɖo aɖaŋu na ye la, míadi gbeɖe be míazi míawo ŋutɔwo míaƒe susuwo ɖe amea dzi o; nenema ke masɔ gbeɖe be míaɖo aɖaŋu nɛ evɔ míebu nya bliboa ŋu nyuie o. Ke boŋ, ele be míakpe ɖe eŋu wòade dzesi aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me kple míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me, siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ne míewɔnɛ alea la, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be míenya nu sia nu o. Esia ɖenɛ fiana hã be míebɔbɔa mía ɖokui, elabena míetoa esia me ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowoe nye nyuitɔ ɣesiaɣi.—Nyaɖ. 15:3, 4. w20.08 11-12 ¶14-15\nMègawɔ ɖokuiwò ame dzɔdzɔe akpa o, eye mèganya nu wòagbɔ eme akpa hã o. Nu ka tae nàgblẽ ɖokuiwò dome?—Nyagb. 7:16.\nNe èkpɔe be ehiã be yeaɖo aɖaŋu na ye xɔlɔ̃ aɖe la, nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na wò? Hafi nàte ɖe xɔ̃wòa ŋu la, bia ɖokuiwò be, 'Ðe mewɔa ɖokuinye \"ame dzɔdzɔe akpaa\"?' Ame si wɔa eɖokui ame dzɔdzɔe akpa la drɔ̃a ʋɔnu amewo ɖe eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo nu, ke menye ɖe Yehowa tɔ nu o, eye mekpɔa nublanui na ame hã o. Ne èdzro ɖokuiwò me vɔ eye nèkpɔe be ehiã kokoko be nàɖo aɖaŋu na xɔ̃wòa la, ke de dzesi nu si tututu nye kuxia, eye nàbia nya aɖewoe siwo ana wòakpɔ eƒe vodada adze sii. Kpɔ egbɔ be wò aɖaŋuɖoɖoawo tso Biblia me eye nàɖo ŋku edzi be menye wò dɔe wònye be nàdrɔ̃ ʋɔnu xɔ̃wòa o, ke boŋ nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si Yehowa bua nu si wɔm wòle la. (Rom. 14:10) Zã nunya si tso Mawu ƒe Nyaa me ne èle aɖaŋu ɖom na ame aɖe, eye nàsrɔ̃ Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ. (Lod. 3:5; Mat. 12:20) Nu ka tae? Elabena ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la dzie Yehowa anɔ te ɖo awɔ nu ɖe mía ŋu.—Yak. 2:13. w20.11 21 ¶13\nMidzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.—Yoh. 7:24.\nÐe àdi be amewo nadrɔ̃ ʋɔnu wò le ŋutigbalẽ ƒe amadede si le ŋuwò, wò mo ƒe nɔnɔme, alo wò ametia ƒe nɔnɔme ta? Anɔ eme godoo be màdi o. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be míanyae be Yehowa medrɔ̃a ʋɔnu mí le nu si amegbetɔ ƒe ŋku kpɔna nu o! Le kpɔɖeŋu me, esime Samuel kpɔ Isai viŋutsuawo la, mekpɔ nu si Yehowa ya kpɔ o. Yehowa gblɔ na Samuel be Isai viŋutsuawo dometɔ ɖeka ava zu fia le Israel. Gake wo dometɔ kae wòanye? Esi Samuel kpɔ Isai viŋutsu tsitsitɔ si ŋkɔe nye Eliab la, egblɔ be, \"Vavãe Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le eŋkume.\" Eliab ƒe dzedzeme dze ame ŋu, eya ta, Samuel susu be eyae Yehowa atia be wòava zu fia. \"Ke Yehowa gblɔ na Samuel be: 'Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee.'\" Nufiame kae le eme na mí? Yehowa gblɔ kpee be: \"Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.\" (1 Sam. 16:1, 6, 7) Ele be míasrɔ̃ Yehowa le nuwɔwɔ kple mía nɔviwo me. w20.04 14 ¶1; 15 ¶3","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2022-09-25T12:19:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030334528.24\/warc\/CC-MAIN-20220925101046-20220925131046-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972971678,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972971677780151}","num_words":651,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo—Nukata Wòle Be Nàtsɔ Ðe Le Wo Me?\nHafi woake ɖe Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ŋu la, Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake siwo nɔ anyi ye nye ƒe alafa asiekelia kple ewolia M.Ŋ. me tɔwo. Ðe woate ŋu aka ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo dzi le nyateƒe me be wonye Mawu ƒe Nya la ƒe nuŋlɔɖi siwo de pɛpɛpɛ si va ka mía si, le esi wowu Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋɔŋlɔ nu ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔa? Nufialagã Julio Trebolle Barrera, si nye dukɔwo dome dɔwɔha si toa Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me me tɔ, gblɔ be: \"Yesaya ƒe Agbalẽxatsaxatsa [si wokpɔ le Qumran] la nye kpeɖodzi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o be Yudatɔ nugbugbɔgaŋlɔlawo tsɔ ŋuɖɔɖɔɖo kple beléle gã aɖe ŋlɔ Biblia me nuŋlɔɖi si va ka mía si le ɣeyiɣi didi si wu ƒe akpe ɖeka megbe lae.\"\nYESAYA ƒe agbalẽ bliboa le agbalẽxatsaxatsa si ƒe nya gblɔm Barrera le la me. Va ɖo egbea la, le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo wu 200 siwo ŋu woke ɖo le Qumram dome la, wokpɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe akpa aɖewo negbe Ester ƒe agbalẽa koe mele eme o. Wo dometɔ akpa gãtɔ menye agbalẽ blibowo abe Yesaya ƒe Agbalẽxatsaxatsaa ene o, ke woƒe kakɛ siwo mede agbalẽawo ƒe akpa ewolia o ŋu koe woke ɖo. Biblia-gbalẽ siwo ŋu woke ɖo le agbɔsɔsɔme wu le Qumran ye nye Psalmowo (ɖekaɖeka 36), Mose V lia (ɖekaɖeka 29), kple Yesaya (ɖekaɖeka 21). Agbalẽ siawo hã mee woyɔa nya tsonɛ edziedzi wu le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.\nTogbɔ be agbalẽxatsaxatsaawo ɖee fia be tɔtrɔ boo aɖeke meva le Biblia me o hã la, wogaɖee fia hã be vaseɖe afi aɖe la, Hebrigbe me Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo nɔ anyi siwo Yudatɔwo zã le Gbedoxɔ Evelia ƒe ɣeyiɣia me, eye be tɔtrɔ suesue vovovo nɔ ɖesiaɖe me. Menye agbalẽxatsaxatsaawo me nyawo ŋɔŋlɔ kple nyagbewo katãe sɔ kple Masoretwo ƒe nuŋlɔɖia o. Wo dometɔ aɖewo de sɔsɔ ge kple Helagbe me Septuagint Biblia tɔwo wu. Do ŋgɔ la, agbalẽnyalawo bui be ɖewohĩ vovototo siwo dze le Septuagint Biblia me atso vodada wɔwɔ gbɔ alo be ɖe gbegɔmeɖelawo ɖoe koŋ kpa nyawo de eme. Fifia agbalẽxatsaxatsaawo ɖee fia be nyaawo ƒe ɖekamawɔmawɔ siawo dometɔ geɖe tso vovototo siwo le Hebrigbe me nuŋlɔɖia me koŋ gbɔ. Ðewohĩ esia tae Hebri Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui siwo Kristotɔ gbãtɔwo yɔ me nyagbɔgblɔwo to vovo na Masoretwo ƒe nuŋlɔɖia.—Mose II, 1:5; Dɔwɔwɔwo 7:14.\nEyata Biblia ƒe agbalẽxatsaxatsawo kple agbalẽ kakɛwo ƒe kesinɔnu gbogbo sia si ŋu woke ɖo la na mí gɔmeɖoanyi nyui ŋutɔ aɖe le Hebrigbe me Biblia si va ka mía si la sɔsrɔ̃ me. Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo na alesi gbegbe Septuagint Biblia kple Samariatɔwo ƒe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo le vevie le nuŋlɔɖiwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me gadze kɔte. Woganye dɔwɔnu vevi bubu hã na Biblia gɔmeɖelawo si woate ŋu azã agbugbɔ ŋku alé ɖe nya siwo wotrɔ le Masoretwo ƒe nuŋlɔɖia me ŋu. Le teƒe geɖe la, Xexeme Yeye Biblia Gɔmeɖekɔmiti la nɔ te ɖe wo dzi tso nya me le Yehowa ƒe ŋkɔ gbugbɔgaɖo teƒe siwo woɖee ɖa le le Masoretwo ƒe nuŋlɔɖia me gome.\nAgbalẽxatsaxatsa siwo ƒo nu tso Qumran-kɔmamaa ƒe sewo kple dzixɔsewo ŋu ɖee fia kɔte be Yesaya 40:3 me nya siwo ku ɖe gbe aɖe si ɖi le gbedadaƒo be woata mɔ dzɔdzɔe na Yehowa ŋu la va eme ɖe yewo dzi. Agbalẽxatsaxatsa kakɛ geɖe ƒo nu tso Mesia la ŋu, amesi ƒe vava wo ŋlɔlawo bu be egogo. Esia ɖe dzesi elabena Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be \"dukɔ la le mɔkpɔkpɔ me\" na Mesia ƒe vava.—Luka 3:15.menye Yudasubɔsubɔ ƒomevi ɖeka koe nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me o. Qumran-kɔmamaa ƒe kɔnyinyiwo to vovo na Farisitɔwo kple Zadukitɔwo tɔ. Ðewohĩ vovototo siawoe na kɔmama ma ɖe wo ɖokui ɖe aga va nɔ gbedadaƒo. Wobui vodadatɔe be\nƑukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsaawo kpe ɖe mía ŋu míese alesi Yudatɔwo nɔa agbee le Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔɣi la gɔme vaseɖe afi aɖe. Nyatakaka siwo woate ŋu atsɔ asɔ kple wo nɔewo le blema Hebrigbe me nuŋlɔɖiwo kple Biblia ƒe kpukpuiwo sɔsrɔ̃ me le wo me. Gake ehiã be woagalé ŋku ɖe Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me nuŋlɔɖiwo ŋu tsitotsito wu. Eyata ɖewohĩ woagava ke ɖe gɔmesese yeyewo ŋu. Ẽ, tomenukuku sia si ɖe dzesi wu si ŋu woke ɖo le ƒe alafa 20 lia me kpɔtɔ le agbalẽnyalawo kple Biblia-srɔ̃lawo siaa ƒe ɖetsɔleme nyɔm esi míele zɔ ɖem yi ŋgɔ le ƒe alafa 21 lia me.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]\nQumran tomenukukuwo: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.; asinuŋɔŋlɔgbalẽ: Courtesy of Shrine of the Book, Israel Museum, Jerusalem","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010215\/%C6%91ukukua-%C6%92e-Agbal%E1%BA%BDxatsaxatsawo-Nukata-W%C3%B2le-Be-N%C3%A0ts%C9%94-%C3%90e-Le-Wo-Me\/","date":"2022-12-03T20:28:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710936.10\/warc\/CC-MAIN-20221203175958-20221203205958-00653.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994879365,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994879364967346}","num_words":761,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.206,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Didiƒe dɔyɔyɔ ƒe ɣeyiɣi – didiƒe ŋusẽdɔdamɔnu – kple Jucelino da Luz\nƔletiŋkeke: 09th. July 2022 me\nNa mi katã xɔlɔ̃ lɔlɔ̃awo\nAdzɔge Dɔyɔyɔ ƒe ɣeyiɣi Kple Jucelino da Luz\n\"Enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàxɔ eƒe akpa aɖe eye nàdo ŋusẽ wò ŋutilã, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa , nàna wò lãmesẽ kple asitsatsa nanyo ɖe edzi – be nàkpe ɖe wò ƒomea ŋu \"\nEnye dzidzɔ na mí be míagblɔ na wò be fifiae nye ɣletigbalẽa le Internet dzi na wò\nJucelino da Luz hã nye Braziltɔwo ƒe gbɔgbɔmedɔyɔla xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka. Ewɔa dɔ kple xexeame katã ƒe gbɔgbɔmeŋusẽ hena eƒe dɔyɔyɔdɔa eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo (mege ɖe ŋutilãa me o). Eda dɔ na ame siwo wu miliɔn eve xoxo le Brazil kple xexeame katã.\nƔletiŋkeke si dzi woawɔ dɔyɔyɔ le didiƒe: July 09th. 2022 tso ŋdi ga 7.00 me. vaseɖe 23:00 PM. (11:00 Brazil Ɣeyiɣi ) – \" Wɔ nuŋɔŋlɔa! \"\nTso esime wòxɔ ƒe 9 la, exɔa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ to eyama dzi, si wòtsɔna toa eƒe asiwo dzi, ka asi amea ŋu, alo tso adzɔge, eye emetsonuwo wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ame aɖeke mele ɣletinyigba sia dzi mate ŋu awɔ nu ma ke abe eya ŋutɔ tɔ ene o togbɔ be enye \"nunana si \"Xexeame Kɔkɔtɔ la xɔ hetsɔ nɛ. (Mawu ŋusẽkatãtɔ ƒe nunana). Ema fia be ame bubu mate ŋu axɔe, atsɔe ana ame bubu alo atsɔe ana o .\nEsi wònye ƒewuivi gɔ̃ hã la, amewo ƒoa zi ɖe eŋu eye wòwɔa dɔ na ame geɖe le ŋkeke ɖeka dzi.\nŊkɔ si wòxɔ abe gbedala ene la le dukɔwo dome eye teƒe geɖe le xexeame godoo bua eyama be eyae nye gãtɔ kekeake le wo katã dome.\nÐo ɖe afisia kabakaba alesi nàte ŋui ɖe e-mail sia dzi : email@example.com be èdi be yeakpɔ adzɔge ŋusẽdɔdamɔnu sia ƒe akpa aɖe eye àxɔ mɔfiameawo le wò e-mail me . ( De asi sia te – ŋkɔ ŋɔŋlɔ nye July 9th. 2022)\nLe atikewɔwɔa megbe la , àxɔ gbɔgbɔmemɔfiame aɖe le wò e-mail dzi be nàkplɔe ɖo .\nNyateƒe si wònye be wò atikewɔwɔ yia edzi le adzɔge ʋĩ metrɔa ŋusẽ si wònana wò o!\nEye ame 60% xɔa Ŋusẽ le atikewɔwɔ gbãtɔ me, eye 40% ahiã be woawu nutome si me atikewɔwɔ 10 (ewo ) ya teti le nu be woase emetsonuwo hã gɔme .\nMíaƒe asisiwo katã, le ŋusẽ lãmenugbagbeviawo ƒe dodo megbe la, axɔ gbɔgbɔmemɔfiame aɖe le woƒe kadodowo me le atikewɔwɔ si wowɔ ŋu.\nAfi siae nye kadodo si dzi nàto axɔ nyatakaka sia & de asi agbalẽ te : firstname.lastname@example.org\nŊuɖoɖo ! Esi wònye be aɖabaƒoƒo 15 ƒe ɣeyiɣiɖoɖo aɖe li na wò ta la, tia wò atikewɔwɔ si me ŋusẽ le ƒe ɣeyiɣiɖoɖowɔɖia eye nàɖoe ɖe m�� tsɔ kpe ɖe wò nyatakakawo kple biabiawo katã ŋu (míeɖo aɖaŋu be nàkɔ aɖabaƒoƒo 5 ya teti ƒe ŋugbledede ŋu hafi nàda dɔ na wò). Le wò atikewɔwɔ vɔ megbe la, àxɔ gbɔgbɔ me mɔfiame, si woaɖo ɖe wò le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye wòle be nàwɔ ɖe edzi.Fifia nye wò mɔnukpɔkpɔ be nàŋlɔ ŋkɔ ,eye nàwɔ wò ŋkɔ ŋɔŋlɔ !\nMina míanye mia takpɔla, kple gbɔgbɔ si mevɔ̃na o kple ŋusẽ si gbɔ eme.\nAkpe na wò.\nJNL ƒe Ƒuƒoƒoa","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-49","url":"https:\/\/jucelinoluz.news\/2022\/07\/07\/didi%C6%92e-d%C9%94y%C9%94y%C9%94-%C6%92e-%C9%A3eyi%C9%A3i-didi%C6%92e-nused%C9%94dam%C9%94nu-kple-jucelino-da-luz%C9%A3letinkeke-09th-july-2022-me\/","date":"2022-12-02T02:59:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-49\/segments\/1669446710890.97\/warc\/CC-MAIN-20221202014312-20221202044312-00541.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986060262,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986060261726379}","num_words":504,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.262,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 47:1-9\nNa henɔ la. Kora viwo+ ƒe ha. 47 Mi dukɔwo katã, misi akpe. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli. 2 Elabena ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu;+Fia gã wònye ɖe anyigba blibo la katã dzi.+ 3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te;Etsɔ anyigbadzidukɔwo de míaƒe afɔ te.+ 4 Etia míaƒe domenyinu na mí,+Si nye Yakob, ame si wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu.+ (Sela) 5 Mawu lia yi dzi kple aseyetsotso;Yehowa yi dzi kple kpẽwo ƒe ɖiɖi. 6 Midzi kafukafuha* na Mawu, midzi kafukafuha. Midzi kafukafuha na míaƒe Fia la, midzi kafukafuha. 7 Elabena Mawue nye anyigba blibo la ƒe Fia;+Midzi kafukafuha, eye midze nunya. 8 Mawu zu Fia ɖe dukɔwo dzi.+ Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. 9 Dukɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒuKple Abraham ƒe Mawu ƒe dukɔ la. Elabena anyigba la dzi ɖulawo* nye Mawu tɔ. Eɖo kpo ŋutɔ.+","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/47\/","date":"2023-06-03T05:38:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224649105.40\/warc\/CC-MAIN-20230603032950-20230603062950-00321.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992288351,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999228835105896}","num_words":133,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.263,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"My shopping cart\nYour cart is currently empty.Continue Shopping\nÐeko nèlé ŋku ɖe wò ɣletigbalẽ ŋu eye le nudidiwo dome le dɔwɔƒe kple aƒeme la, ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o ŋutɔ le asiwò be nàzɔ mɔ. Eɖanye be èle dɔ wɔm tso aƒeme alo èle mɔ dim be yeage ɖe ɔfis o, agbenɔnɔ si me zitɔtɔ le ate ŋu ahe nuteɖeamedzi, alɔ̃dɔdɔ sesẽ, eye ame geɖe akpɔe be ɖeɖi tea yewo ŋu le dɔwɔŋkekea me.\nƉeɖiteameŋu dzesi geɖe le eŋu siwo dometɔ aɖewoe nye seselelãme, alɔ̃dɔdɔ, ŋusẽ ƒe vɔvɔ, kple susu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie kple ʋiʋli ƒe anyimanɔmanɔ. Eye le nyateƒe me la, esiawo dometɔ aɖeke menye nɔnɔme nyui siwo ŋu wòle be woade dzesii le wò dɔwɔƒe o. Menye ɖeko ɖeɖiteameŋu ate ŋu ana nàdze abe ame ŋutɔ ene eye nèwɔa dɔ nyuie le dɔwɔƒe ko o, ke ate ŋu ahe dedienɔnɔ ƒe afɔku gã aɖe hã vɛ ne èle dɔ wɔm le a nɔnɔme si me afɔku le. Gakpe ɖe eŋu la, ɖeɖiteameŋu ɣeyiɣi didi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò seselelãme kple susu ƒe nyonyo dzi. Ele vevie be nànya wò ɖeɖiteameŋu eye ne ehiã la, nàtsɔe ava wò ɖɔkta gbɔ.\nBe nàwɔ avu kple ɖeɖiteameŋu ahanɔ te ɖe agbenɔnɔ ƒe nɔnɔmewo nu la, aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esi.\nŊusẽ ƒe gbagbã kpuiwo ate ŋu atso teƒe vovovowo:\nZã mɔnukpɔkpɔ aɖe nàtsɔ awɔ avu kple ɖeɖiteameŋu ɣeyiɣi didi to agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ siawo siwo le lãmesẽ me la dede eme me:\nZi geɖe la, alɔ̃madɔmadɔ nyuie alo alɔ̃madɔmadɔ nyuie gbɔe ɖeɖiteameŋu tsona. Be nàkpe ɖe ŋuwò nàna wò lãmesẽ ƒe akpa sia nanyo ɖe edzi la, ɖoe be yeazã gaƒoƒo 7 va ɖo 8 le zã ɖeka me, ne esia bia be nàtrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi ŋu gɔ̃ hã.\nAdzɔgbeɖeɖe: Woate ŋu agblɔ be ɖeɖiteameŋu do ƒome kple atikewɔwɔ me nya aɖe si gbɔ wòtso, susumedɔléle, alo alɔ̃madɔmadɔ. Bu eŋu kpɔ be yeayi wò ɖɔkta be yeakpɔe ɖa be esia ku ɖe ye ŋu hã, vevietɔ ne nyatakaka siawo meɖe wò ɖeɖiteameŋu dzi kpɔtɔ o.\nNyatakaka siawo nye hehenana ta ko eye womeɖoe be woatsɔ axɔ ɖe atikewɔwɔ me dɔlélewo didi alo wo dada teƒe o. Mele be nàzã nyatakaka siawo atsɔ adi lãmesẽkuxi alo nɔnɔme aɖe alo adae o. Kpɔ wò ɖɔkta gbɔ ɣesiaɣi hafi nàtrɔ wò nuɖuɖu, atrɔ wò alɔ̃dɔdɔ, ano atike siwo kpena ɖe ŋuwò, alo adze kamedede ƒe ɖoɖo yeye aɖe gɔme.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/blogs\/news\/feeling-fatigued-at-work-try-these-tips-to-stay-energized","date":"2023-06-06T18:35:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224653071.58\/warc\/CC-MAIN-20230606182640-20230606212640-00145.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989560246,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998956024646759}","num_words":399,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nDzota nye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. Esɔ kple Gehena, gake eto vovo na tsiẽƒe si gɔme woɖena le Biblia aɖewo me be dzo mavɔ. Nu si nya si gɔme woɖena be dzo mavɔ fia ŋutɔŋutɔe nye tsiẽƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo.\nMenye ta ŋutɔŋutɔe o\n\"Lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila.\" (Nyaɖeɖefia 19:20) Esi wònye be kpɔɖeŋunuwoe nu siawo nye ta la, ɖe susu mele be míaƒo nya ta be kpɔɖeŋunue dzota si me wotsɔ wo ƒu gbe ɖo la hã nye oa?—Nyaɖeɖefia 13:11, 12; 16:13.\nEtsi tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ\nBiblia gblɔ be dzota la \"le tsitre ɖi na ku evelia.\" (Nyaɖeɖefia 20:14; 21:8) Ku gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me lae nye ku si Adam ƒe nu vɔ̃ he va mía dzi eye woate ŋu aɖe amewo tso ku sia me to tsitretsitsia dzi. Eye Mawu ava ɖe ku sia ɖa mlɔeba.—1 Korintotɔwo 15:21, 22, 26.\nWomete ŋu aɖe ame tso kpɔɖeŋudzota la me o\nDzota ya le tsitre ɖi na ku ƒomevi bubu alo ku evelia. Togbɔ be eya hã nye agbemanɔmanɔ keŋkeŋ ƒe nɔnɔme hã la, eto vovo sãsãsã na gbãtɔa, elabena Biblia megblɔ nya aɖeke tso tsitretsitsi tso ku sia me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be \"ku kple Tsiẽƒe ƒe safuiwo le\" Yesu si, eye esia ɖee fia be ŋusẽ le esi be wòafɔ ame siwo ku le Adam ƒe nu vɔ̃a ta la. (Nyaɖeɖefia 1:18; 20:13) Ke hã, dzota ya ƒe safui mele Yesu loo alo ame bubu aɖeke si o. Kpɔɖeŋudzota sia le tsitre ɖi na tohehe mavɔ si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ.—2 Tesalonikatɔwo 1:9.\nDzota la kee nye Gehena, si gɔmee nye Hinom Bali\nNya Gehena (Helagbe, geʹen·na) dze le Biblia me zi 12 sɔŋ. Eya hã nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ, abe ale si wòle le dzota gome ene. Togbɔ be woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖewo me be \"dzo mavɔ\" (tsiẽƒe) hã la, Gehena to vovo na tsiẽƒe (Hebrigbe she'ohlʹ, Helagbe haiʹdes).\n\"Gehena\" ƒe gɔmeɖeɖe tẽe nye \"Hinom Bali,\" si nye bali aɖe le Yerusalem-dua godo tututu. Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, dua me tɔwo kɔa gbeɖuɖɔ le balia me. Wona dzo nɔa bibim le afi ma ɣesiaɣi ale be gbeɖuɖɔwo nabi; eye nyéwo ɖua nu siwo dzoa mete ŋu fiã o.\nYesu zã Gehena tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. (Mateo 23:33) Egblɔ be \"nyéwo mekuna\" le Gehena o, \"eye dzo metsina\" le afi ma o. (Marko 9:47, 48) Eto nya siawo dzi le nu ƒom tso nu siwo yia edzi le Hinom Bali la me kple nyagblɔɖi si le Yesaya 66:24 me hã ŋu. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: \"Woado ayi aɖakpɔ ame siwo da vo ɖe ŋunye la ƒe kukuawo; elabena woƒe nyéwo maku o, eye woƒe dzo la matsi o.\" Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia mefia funyafunyawɔwɔ ame o, ke boŋ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa. Ŋutilã kukuwo domee dzo kple nyéwo gblẽna, menye ame gbagbewo o.\nAleke \"woawɔ fu wo zã kple keli tegbetegbee\"?\nNe tsɔtsrɔ̃ koe dzota la le tsitre ɖi na ɖe, ke nu ka tae Biblia gblɔ be \"woawɔ fu\" Abosam, lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le eme \"zã kple keli tegbetegbee\"? (Nyaɖeɖefia 20:10) Na míadzro susu ene siwo tae mate ŋu anye be fuwɔwɔ ame ŋutɔŋutɔe wowɔnɛ le afi sia o la me:\nHafi woate ŋu anɔ funyafunya wɔm Abosam tegbee la, ke ahiã be wòanɔ agbe tegbee. Evɔ Biblia gblɔ be woaxɔ ŋusẽ le esi alo atsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ.—Hebritɔwo 2:14.\nMawu ƒe nunanae agbe mavɔ nye, menye tohehee o.—Romatɔwo 6:23.\nKpɔɖeŋunuwoe lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila nye, eya ta womate ŋu awɔ funyafunya wo o.\nBiblia me nyawo ɖee fia be funyafunya si woawɔ Abosam la tsi tsitre ɖi na mɔxexe ɖe enu alo etsɔtsrɔ̃ ɖa tegbee.\nNyagbe \"woawɔ fu\" si wozã le Biblia me la agate ŋu afia \"mɔxexe ɖe ame nu.\" Le kpɔɖeŋu me, woɖe Helagbe me nya si gɔmee nye \"ŋutasẽlawo\" gɔme le Biblia geɖewo me le Mateo 18:34 be \"gaxɔdzikpɔlawo.\" Esia ɖee fia be kadodo aɖe le 'fuwɔwɔ ame' kple \"mɔxexe ɖe ame nu\" dome. Nenema ke le Mateo 8:29 kple Luka 8:30, 31 siwo ƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖeka ŋu la, wotsɔ 'fuwɔame' sɔ kple 'aʋli me,' si le tsitre ɖi na dɔmawɔmawɔ alo ku. (Romatɔwo 10:7; Nyaɖeɖefia 20:1, 3) Le nyateƒe me la, wozã \"woawɔ fu\" alo \"wɔ fu\" le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me zi geɖe.—Nyaɖeɖefia 9:5; 11:10; 18:7, 10.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/dzota\/","date":"2023-10-03T15:10:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511106.1\/warc\/CC-MAIN-20231003124522-20231003154522-00476.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984050393,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984050393104553}","num_words":702,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawo Woƒe Blema Dzɔtsoƒewo\n\"Nɔnɔmetatawo nye mɔ aɖe si tea mí ɖe Mawu kple Eƒe Ame Kɔkɔewo ƒe dɔmenyonyo kple kɔkɔenyenye ŋu.\"—GREECE ORTHODƆKSTƆWO ƑE BISIƆPGà SI LE AUSTRALIA\nLE August ƒe ŋkeke xɔdzo sia dzi la, ŋdɔ nɔ ʋuʋum sesĩe ɖe siminti-trakpui si woliana yia \"Mawu Dada Kɔkɔetɔ Kekeake\" ƒe saɖagaxɔ, si le Tínos-ƒukpo, si le Aegea-ƒua me, dzi. Dzoxɔxɔ gbogbo la metsi tame si Greece Orthodɔkstɔ veviedonula 25,000 kple edzivɔ, siwo zɔ mɔ va Yesu dada ƒe nɔnɔmetata si woɖo atsyɔ̃ na ŋutɔ la kpɔ ge, ɖo nu kura o.\nNyɔnuvi nuwɔametɔ aɖe, si edze ƒã be enɔ veve sem eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee la, nɔ tatam le eƒe klo siwo xɔ abi vevie la dzi. Nyɔnu tsitsi aɖe, si mele adzɔge tso nyɔnuvia gbɔ o, amesi zɔ mɔ tso dukɔa ƒe go kemɛ dzi eye nu ti kɔ nɛ hã nɔ agbagba dzem nɔ eƒe afɔ siwo ŋu ɖeɖi te la ɖem. Ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 50-awo me dze fifia vlevlevle henɔ agbagba dzem be yeato ameha si mimi la dome. Woƒe taɖodzinue nye be yewoagbugbɔ nu ahade ta agu na Maria ƒe nɔnɔmetata.\nÐikeke mele eme o be mawusubɔsubɔ me veviedonula siawo tsi dzi ɖe woƒe didi be yewoasubɔ Mawu ŋu. Gake wo dometɔ nenie nyae be tadedeagu na subɔsubɔ me nɔnɔmetata ƒe nuwɔnawo li ƒe alafa nanewo hafi Kristotɔnyenye va dzɔ?\nAlesi Nɔnɔmetatawo Bɔe\nNɔnɔmetatawo zazã xɔ aƒe ɖe Orthodɔkstɔwo dome le afisiafi. Yesu, Maria kple \"ame kɔkɔe\" geɖe ƒe nɔnɔmetatawoe sɔ gbɔ ɖe sɔlemexɔwo me wu. Zi geɖe la, amesiwo xɔa nɔnɔmetata siawo dzi se la dea bubu wo ŋu to nugbugbɔ, lifi, kple bosomikaɖiwo sisi na wo me. Gakpe ɖe eŋu la, teƒe li koŋ na nɔnɔmetatawo le Orthodɔkstɔwo ƒe aƒe ɖesiaɖe me, afisi wodoa gbe ɖa le. Enye nusi bɔ le Orthodɔks Kristotɔwo dome be woagblɔ be ne yewo de ta agu na nɔnɔmetata aɖe la, yewo doa ka kple Mawu. Wo dometɔ geɖe xɔe se be Mawu ƒe dɔmenyonyo kple ŋusẽ wɔnuku aɖewoe le nɔnɔmetatawo me.\nÐewohĩ awɔ nuku na xɔsetɔ mawo be woase be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo meda asi ɖe nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me dzi o. Agbalẽ si nye Byzantium gblɔ be: \"Esi Kristotɔ gbãtɔwo nɔ Yuda-subɔsubɔ si nyɔa ŋu trɔ̃subɔsubɔ me tsã ta la, wotsri bubu tsɔtsɔ na ame kɔkɔewo ƒe nɔnɔmetata ƒomevi ɖesiaɖe.\" Agbalẽ ma ke gblɔ be \"Tso ƒe Alafa Atɔ̃lia me la, nɔnɔmetatawo alo kpememewo zazã . . . va bɔ le ame hahoo alo ame ɖekaɖekawo ƒe tadeagu me ŋutɔ.\"Ne menye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbɔe nɔnɔmetatawo zazã le tadeagu me dzɔ tso o la, ke afikae wòdzɔ tso?\nAfisi Wodzɔ Tso la Didi\nNumekula Vitalij Ivanovich Petrenko ŋlɔ be: \"Kpememewo zazã kple eƒe kɔnyinyiwo dzɔ do ŋgɔ xoxoxo na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia eye 'wotso trɔ̃subɔsubɔ' me.\" Blemaŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be blema Babilon, Egipte, kple Hela ƒe subɔsubɔwo mee nɔnɔmetata subɔsubɔ dzɔ tso. Le kpɔɖeŋu me, le blema Hela la, mawusubɔsubɔ me legbawo ƒe nɔnɔme nye kpetatawo. Woxɔ nusiawo dzi se be mawu me ŋusẽwo le wo me. Amewo bu be menye asie wotsɔ wɔ nɔnɔmetata siawo dometɔ aɖewo o, ke boŋ ɖe woge tso dziƒo. Le azã tɔxɛ aɖewo ɖuɖu me la, wotsɔa nɔnɔmetata mawo siwo wosubɔna la tsana le dugãa katã me, eye wosaa vɔ na wo. Petrenko gblɔ be: \"Nɔnɔmetata subɔlawo bua nɔnɔmetata la be enye mawu aɖe si ŋutɔŋutɔ subɔm yewole, togbɔ be wodze agbagba be . . . yewoade vovototo mawua kple eƒe nɔnɔmetata la dome na wo hã.\"\nAleke nukpɔsusu kple nuwɔna mawo wɔ ge ɖe Kristotɔnyenye me? Numekula ma ke gblɔ be, le ƒe alafa siwo va ɖe Kristo ƒe apostolowo ƒe ku yome, vevietɔ le Egipte la, \"wotsɔ 'trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo'—siwo dzɔ tso Egipte, Hela, Yuda, Ɣedzeƒe dukɔwo kple Romatɔwo ƒe dzixɔse kple nuwɔna siwo wowɔna aduadu kple Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo me la—tsaka kple Kristotɔwo tɔ.\" Esia wɔe be, \"Kristotɔ aɖaŋudɔwɔlawo to [xɔsetsakatsaka] ƒe mɔnu hete trɔ̃subɔla ƒe dzesiwo zazã eye wotrɔ asi le eŋu be woasɔ na Kristotɔwo, togbɔ be womekɔ wo ŋu keŋkeŋ tso trɔ̃subɔsubɔ me nuwɔnawo me o hã.\"\nEteƒe medidi hafi nɔnɔmetatawo zazã va kpɔ ŋusẽ aɖe ɖe ame ɖekaɖekawo kple amehawo dzi o. Blemaŋutinyaŋlɔla Will Durant ɖɔ alesi esia dzɔe le agbalẽ si nye The Age of Faith me be: \"Esi ame kɔkɔe siwo wodea ta agu na ƒe xexlẽme va le dzidzim ɖe edzi la, eva hiã be woanɔ dzesi dem wo atsɔ nɔ ŋku ɖom wo dzii; wowɔ woƒe nɔnɔmetatawo kple Maria tɔ le agbɔsɔsɔ gã aɖe me; eye le Kristo gome la, menye Eƒe nɔnɔme si wosusu la koe va zu nusi ŋu wodea bubu detoe o, ke boŋ Eƒe atitsoga—si zu atiblɛ na amesiwo xɔanuwo dzi sena bɔbɔe—la hãe. Nuŋububu ƒe ŋutete si le amewo si trɔ ame kɔkɔe kukuwo, nɔnɔmetatawo, kple kpetatawo wozu nusiwo wosubɔna; amewo dea ta agu na wo, gbugbɔa nu na wo, sia bosomikaɖi kple lifi na wo, ɖɔa seƒoƒowo na wo, eye wodia nukunuwo tso woƒe vivime ŋusẽwo gbɔ. . . . Sɔlemeha Fofowo kple sɔleme ƒe aɖaŋuɖotakpekpe ɖe eme edziedzi be, menye mawuwoe nɔnɔmetata siawo nye o, ke boŋ ŋkuɖodzinuwo koe wonye; ameawo metsɔ ɖeke le vovototo ma tɔgbe dede wo me o.\"\nEgbea la, ame geɖe siwo zãa subɔsubɔ me nɔnɔmetatawo hã ate tɔ ɖe edzi be bubu koe yewodea nɔnɔmetatawo ŋu—menye ɖe yewosubɔa wo o. Ðewohĩ woagblɔ be subɔsubɔ me nutatawo ŋudɔwɔwɔ nye nusi sɔ—eye be wohiã vevie—henye mɔnu si dzi woato asubɔ Mawu. Ðewohĩ nenemae wò hã nèse le ɖokuiwo me. Gake nyabiasea enye be, Aleke Mawu bua nusiae? Ðe woanye be bubudede nɔnɔmetata aɖe ŋu afia ŋutɔŋutɔ be esubɔmee wolea? Ðe nuwɔna siawo ahe afɔku siwo le ɣaɣla la vɛa?\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 4]\nNukae Nye Nɔnɔmetata?\nTo vovo na kpetata siwo wozãna le Roma Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔ me le xexeame godoo la, dzidzeme eve, siwo nye kekeme kple kɔkɔme ye le Kristo, Maria, \"ame kɔkɔewo,\" mawudɔlawo, Biblia me mewo kple nudzɔdzɔwo, alo Orthodɔks Sɔlemeha ƒe blemaŋutinya me nudzɔdzɔwo ƒe nɔnɔmetatawo ya si. Zi geɖe la, wotaa wo ɖe ʋuƒo siwo woate ŋu atsɔ bɔbɔe la dzi.\nOrthodɔks Sɔlemeha gblɔ be, \"le Ame Kɔkɔewo ƒe nɔnɔmetatawo gome la, womeɖia amegbetɔ dzrowo ko o.\" Azɔ hã, le nɔnɔmetatawo gome la, \"wodzena gã le didiƒe\"—si fia be menɔa sue ne ele adzɔge ʋĩ o. Zi geɖe la, \"womedoa vɔvɔli aɖeke o, alo mɔ aɖeke meli si dzi woato ade vovototo ŋkeke kple zã dome o.\" Woxɔe se hã be 'Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ate ŋu ayɔ ati si dzi wota nɔnɔmetata aɖe ɖo kple aŋɔ si wosi nɛ' la.\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nTrɔ̃subɔsubɔ me nuwɔnawo mee nɔnɔmetata zazã dzɔ tso\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\n© AFP\/CORBIS","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020701\/Sub%C9%94sub%C9%94-Me-N%C9%94n%C9%94metatawo-Wo%C6%92e-Blema-Dz%C9%94tso%C6%92ewo\/","date":"2023-12-09T11:54:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100909.82\/warc\/CC-MAIN-20231209103523-20231209133523-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982149601,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982149600982666}","num_words":1106,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nÐe Lododowo 22:6 na kakaɖedzi mí be ne Kristotɔwo nya mlã wo viwo nyuie ko la, womatra ɖa le Yehowa ƒe mɔwo dzi oa?\nKpukpui sia xlẽ be: \"Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.\" Ale si wobi ati fẽ aɖee la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wòatsi ava nɔe dzi. Nenema ke wòdzɔnae be ɖevi siwo womlã nyuie la te ŋu yia Yehowa subɔsubɔ dzi ne wova tsi. Dzila ɖe sia ɖe nya nyuie be hehe sia bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe. Be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woava zu nusrɔ̃la Kristotɔwo la, ahiã be woafia nu wo nyuie, axlɔ̃ nu wo, ade dzi ƒo na wo, aɖɔ wo ɖo, ahaɖo kpɔɖeŋu nyui na wo. Ele be woawɔ esia edziedzi lɔlɔ̃tɔe hena ƒe geɖe.\nGake ɖe esia fia be ne ɖevi aɖe gbe be yemasubɔ Yehowa o la, ke dzilawoe do kpo nu le woƒe hehenanae mea? Le go aɖewo me la, ate ŋu anye be dzilawo mewɔ nu sia nu si wòle be woawɔ le wo viwo nyinyi me le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me o. (Efesotɔwo 6:4) Ke hã, lododo sia menye kpeɖodzi be hehe si ɖeviwo axɔ la awɔe be woawɔ nuteƒe na Mawu kokoko o. Dzilawo mate ŋu atrɔ wo viwo be woava zu nu sia nu si wodi o. Abe ame tsitsiwo ke ene la, tiatiawɔblɔɖe le ɖeviwo hã si, eye ele be woatia nu si woatsɔ woƒe agbe awɔe la na wo ɖokui. (Mose V, 30:15, 16, 19) Togbɔ be dzilawo dzea agbagba vevie hã la, ɖevi aɖewo va zua nuteƒemawɔlawo, abe ale si wòdzɔ le Salomo, ame si ŋlɔ kpukpui sia si me dzrom míele, gome ene. Vi siwo meva wɔ nuteƒe o la nɔ Yehowa kura gɔ̃ hã si.\nEya ta mawunyakpukpui sia mele fiafiam be ne wonya mlã ɖevi ko la, nuka kee ɖadzɔ o, 'matra ɖa le Yehowa ƒe mɔwo dzi o,' ke boŋ ele fiafiam be le wo dometɔ geɖe gome la, woanɔ te sesĩe. Dzideƒonamenya ka gbegbee nye esi na dzilawo! Ele be dzi nanɔ dzilawo ƒo be ne yewodze agbagba he ɖeviawo le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, ahe viɖe nyuiwo vɛ. Esi wònye be dzilawo ƒe wɔƒe hiã vevie eye wokpɔa ŋusẽ geɖe ɖe ɖeviawo dzi ta la, woxlɔ̃ nu wo be woawɔ woƒe akpa dzi moveviɖoɖotɔe.—Mose V, 6:6, 7.\nNenye be ɖeviwo trɔ le Yehowa yome hã la, dzila siwo tsɔ moveviɖoɖo he wo viwoe la ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yewo viwo ava nyɔ le wo ɖokui me ahatrɔ agbɔ. Ŋusẽ le Biblia me nyateƒea ŋu, eye manɔ bɔbɔe be woaŋlɔ wo dzilawo ƒe hehe si wona wo la be o.—Psalmo 19:8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070601\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-10T11:34:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679101779.95\/warc\/CC-MAIN-20231210092457-20231210122457-00220.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987566471,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987566471099854}","num_words":449,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mía Ŋu Nya\nAsitsatsa 360 dze egɔme kple drɔ̃e aɖe. Drɔ̃e be woawɔ dɔwɔƒe aɖe si ate ŋu atrɔ viɖe wòazu dɔdasi be woatu aƒewo na nuto siwo me bebeƒe mele o le xexeame ƒe dukɔ etɔ̃lia me. Míewɔa dɔ kple nutoa me aɖaŋudɔwɔla siwo tso dukɔ vovovowo me tsɔ dzraa nu tɔxɛwo, siwo nye nu tɔxɛ ɖeka. Emegbe wogbugbɔa viɖe si míekpɔna tso míaƒe xexeame katã ƒe adzɔnuwo me ƒe akpa aɖe naa nutoa me tɔwo be woatu aƒewo, si wɔnɛ be asitsatsa ƒe ƒuƒoƒo blibo aɖe va nɔa anyi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/commerce360.trade\/ee\/pages\/about-us","date":"2023-11-30T04:39:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.87\/warc\/CC-MAIN-20231130031610-20231130061610-00177.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990824461,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990824460983276}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Insight on the Scriptures alo Étude perspicace nye Biblia ŋuti numekugbalẽ bɔbɔe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia me nyatiwo gɔme nyuie wu. Agbalẽ sia nye dɔwɔnu nyui aɖe si nàte nu azã atsɔ aku nu me ne èle Biblia srɔ̃m le ɖokuiwò si. Àte ŋu azã agbalẽ sia atsɔ aku nu me tso nu gbogbo aɖewo ŋu, esiawo dometɔ aɖewoe nye nya siwo ku ɖe nu siwo gbɔna ŋu:\namewo\nteƒewo\natiwo kple numemiewo\nlãwo\nnudzɔdzɔ ɖedzesiwo\nBiblia me nyawo\nnɔnɔme nyuiwo kple nɔnɔme gbegblẽwo\nnyagbe siwo wozã le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ̃ Biblia ɖoa me\nBiblia gbalẽ ɖe sia ɖe\nÀte ŋu akpɔ Biblia ŋuti numekugbalẽ sia le yevugbe me le Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE, alo àte ŋu awɔ eƒe babla eveawo ƒe PDF ƒe kɔpi femaxee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/biblia-numekugbal%E1%BA%BD\/","date":"2024-04-20T07:34:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817491.77\/warc\/CC-MAIN-20240420060257-20240420090257-00570.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990611672,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990611672401428}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.195,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Yoel,* Petuel vi: 2 \"Mi ametsitsiwo, mise nya sia,Eye mi anyigbadzinɔlawo katã, miƒu to anyi. Ðe esia tɔgbi dzɔ le mia ŋɔliAlo le mia tɔgbuiwo ŋɔli kpɔa?+ 3 Migblɔ eŋu nya na mia viwo,Eye mia viwo nagblɔe na wo viwo,Eye wo viwo hã nagblɔe na dzidzime si ava ɖe wo yome. 4 Nu si ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ƒe ha gã ɖui;+Nu si ʋetsuviwo ƒe ha gã kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui;Eye nu si abɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuvi gblẽnuwo ɖui.+ 5 Mi ahamulawo, minyɔ,+ eye mifa avi! Mi wain tsu nolawo katã, mifa avi vevie,Elabena woɖe wain vivi le nu me na mi.+ 6 Elabena dukɔ aɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye mele xexlẽ me o.+ Eƒe aɖuwo nye dzata ƒe aɖu,+ eye eƒe glãƒuwo le abe dzata tɔ ene. 7 Egblẽ nye wainka, eye wona nye gboti zu atitakpo,Ekuko tsro le eŋu keŋkeŋ hetutui ƒu anyi,Ena eƒe alɔwo fu ɣie. 8 Fa avi vevie abe ɖetugbui leaƒe* si ta akpanyaLe eƒe ŋugbetɔsrɔ̃* ta ene. 9 Nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le Yehowa ƒe aƒe la me;Nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa la le konyi fam. 10 Woha agblewo, eye anyigba le nu xam;+Elabena wogblẽ nukuwo, wain yeye no ƒiaƒiaƒia, ami hã nu tso.+ 11 Ŋukpe lé agbledelawo; waingbledelawo le avi fam vevieLe lu kple ƒo ta;Elabena nuŋeŋe nu tso le agble me. 12 Wainka ƒu,Eye gboti hã yrɔ. Yevuboɖati, deti kple atɔtɔŋutitiKpakple gbemetiwo katã ƒu;+Elabena aseyetsotso trɔ zu ŋukpe le dukɔ la me. 13 Mi nunɔlawo, mita akpanya, ne miafa konyi;*Mi vɔsamlekpui la ƒe subɔlawo, mifa avi sesĩe.+ Mi nye Mawu ƒe subɔlawo, miva, ne miatsi akpanya me adɔ;Elabena nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le mia Mawu ƒe aƒe la me. 14 Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ;* miyɔ takpekpe tɔxɛ.+ Miƒo ametsitsiwo kple anyigba la dzi nɔlawo katã nu ƒuÐe Yehowa mia Mawu la ƒe aƒe me,+ ne miafa avi na Yehowa be wòaxɔ na mi. 15 Aléle, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe,+Gbegblẽ wònye tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna. 16 Ðe womena nuɖuɖu nu tso le mía ŋkume oa,Ðe wometsi dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu le mía Mawu ƒe aƒe me oa? 17 Nukuwo* lé akpɔ̃ le woƒe sofiwo te. Nudzraɖoƒewo ɖi gbɔlo. Womu avawo, elabena nukuwo fiã. 18 Aƒemelãwo gɔ̃ hã le xɔxlɔ̃m! Nyihawo le tsaglãla tsam, elabena gbeɖuƒe aɖeke meli na wo o! Fɔɖiɖi la ŋuti tohehe va alẽhawo dzi. 19 Oo Yehowa, wòe mayɔ;+Elabena dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi,Eye dzoƒaɖe fiã gbemetiwo katã. 20 Gbemelãwo gɔ̃ hã le asiwònu kpɔm,Elabena tɔʋuwo mie keŋEye dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi.\"\nEtenuŋɔŋlɔ\n^ Egɔmee nye, \"Yehowae Nye Mawu.\"\n^ Alo, \"ɖetugbui.\"\n^ Alo, \"Le srɔ̃a.\"\n^ Alo, \"ne miaƒo akɔta.\"\n^ Alo, \"Mikɔ nutsitsidɔ ŋu.\"\n^ Agate ŋu afia, \"Gbotsetse ƒuƒuwo.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/yoel\/1\/","date":"2024-04-13T09:46:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816587.89\/warc\/CC-MAIN-20240413083102-20240413113102-00640.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983003736,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983003735542297}","num_words":442,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Si Wòfia:\nNu Si Nàte Ŋu Awɔ:\nNe amegbetɔ madeblibo wɔ wɔɖenuia, ɖeko wòganana fuléle dzina ɖe edzi. Eya ta ne ame aɖe dze agɔ le dziwò alo wɔ nu vevi wòa, mègaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi eye nàwɔ nu le ŋutifafa me. Le go aɖewo mea, anyo be nàɖe asi le nyaa ŋu. (Lododowo 19:11) Le go bubuwo hã mea, anyo be nàɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ nyaa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne wowɔ nu vlo aɖe ɖe ŋuwòa, àte ŋu atiae be yeana dziɖuɖumegãwo alo poliswo nanya.\nAme si wɔa wɔɖenuia gblẽa nu le eɖokui ŋu\nKe ne edze abe mɔ aɖeke meli si dzi woato akpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me o ɖe? Alo be èwɔ nu sia nu si nàte ŋui be yeakpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me gake gbeɖea koe ɖe? Mègawɔ wɔɖenui o. Elabe ɖeko wòagblẽ nyaa ɖe edzi. Ne mèwɔ wɔɖenui oa, ke èɖu fulélea dzi. Àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ nyaa gbɔ le mɔ nyuitɔ nu. \"Ðo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.\"—Psalmo 37:3-5.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2022-jan-feb\/m%C3%A8gaw%C9%94-w%C9%94%C9%96enui-o\/","date":"2024-04-15T00:34:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816904.18\/warc\/CC-MAIN-20240414223349-20240415013349-00894.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952539802,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952539801597595}","num_words":182,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nBIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆDEASIWO\nSrɔ̃ nu tso Nexemiya, ame si do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu la ŋu. Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi, xlẽ Biblia me ŋutinyaa, eye nàdze agbagba akpɔ nudzɔdzɔa le susu me abe ɖe nèle eteƒe ene!","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/biblia-s%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94deasiwo\/nexemiya-mawu-%C9%96o-e%C6%92e-gbedodo%C9%96a-%C5%8Bu\/","date":"2017-12-16T14:25:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948588072.75\/warc\/CC-MAIN-20171216123525-20171216145525-00251.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986487031,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986487030982971}","num_words":52,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Is the Bible's account of creation compatible with scientific fact?\nNu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gɔ̃ hã mexɔ nufiafia si nye be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si la dzi se o?\nBiblia ƒo nu tso \"ŋkeke\" ade siwo Mawu tsɔ wɔ nu gbagbewoe la ŋu. Ðe ŋkeke mawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye gaƒoƒo 24 hã?\nLe miniti etɔ̃ ƒe video sia me la, sɔhɛwo gblɔ nu siwo tae woxɔe se be Wɔla aɖe li ɖo.\nNu siwo nana míenɔa agbe la dometɔ aɖeke mele vevie de karbɔn nu o. Nu kae wònye, eye nu ka tae wòle vevie nenema gbegbe?\nNu kae ana be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ŋu wodea bubui naɖe asi le woƒe dzixɔse si nye be amegbetɔ dzɔ tso lã me la ŋu?\nÀdi be yeasrɔ̃ ale si yeaɖe nu si tae yexɔ Mawu dzi se la me kple kakaɖedzi geɖe wua? Kpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò ne ame aɖe tɔ gbe nu si tae nèxɔe se be Mawu li.\nKpeɖodzi eve aɖewo li siwo tae mele be nàxɔ edzi ase o.\nNe èxɔe se be ɖe wowɔ xexea la, ɖe wòfia be ètsi tsitre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?\nMehiã be nànya nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu tsitotsito hafi ate ŋu aɖe nu si tae nèxɔe se be susu le eme be woaxɔe ase be ɖe wowɔ míaƒe xexea kple emenuwo la me na amewo o. Zã Biblia me nya bɔbɔe siwo me susu le la nàtsɔ aɖe nu me na amewo.\nNumeɖeɖe ka mee susu le wu?\nÐe nu si Biblia gblɔ tso nuwɔwɔ ŋu tsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/n%C9%94n%C9%94met%C9%94tr%C9%94-kple-nuw%C9%94w%C9%94wo\/","date":"2017-12-11T12:30:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513478.11\/warc\/CC-MAIN-20171211105804-20171211125804-00614.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981268644,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981268644332886}","num_words":266,"character_repetition_ratio":0.084,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le March 23 lia dzi la, amekpekpe siwo ade miliɔn 12 alo awu nenema ade Ŋkuɖodzia. Nuƒolaa aɖi ɖase na wo ne ele Yehowa ƒe nunana si nye tafea kple yayra siwo ameƒomea akpɔ le etsɔme la me dzrom! (Yes 11:6-9; 35:5, 6; 65:21-23; Yh 3:16) Ke hã menye nuƒolaa koe aɖi ɖase le ŋkeke tɔxɛ sia dzi o. Mí katã míate ŋu akpɔ gome le ɖaseɖiɖia me ne míexɔ míaƒe amedzroawo nyuie. (Ro 15:7) Nu siwo míate ŋu awɔ dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.\nLe esi teƒe be nàdi teƒe aɖe anɔ anyi ɖo ahanɔ lalam be wɔnaa nadze egɔme la, dze agbagba nàdo woe zɔ na amekpekpeawo kple ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea vividoɖeameŋutɔe\nTogbɔ be wò susu anɔ wò ame nyanyɛ siwo nèkpe ŋu hã la, ele be nànɔ ŋudzɔ be yeate ɖe ame bubu siwo va le amekpekpedɔa ta hã ŋu. Kpe ame yeyewo be woava nɔ anyi ɖe gbɔwò. Wò kpli wo mizã wò Biblia kple hadzigbalẽ\nLe wɔnaa vɔ megbe la, nɔ klalo be nàɖo woƒe biabiawo ŋu na wo. Ne ɣeyiɣia tsi tre ɖe mia ŋu le esi miaɖe mɔ na hame bubuwo be woava ɖe mia yome ta la, ekema wɔ ɖoɖo kpli wo be nàva srã wo kpɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Ne woƒe adrɛs alo kaƒodzesi mele asiwò o la, àte ŋu agblɔ be: \"Medi be manya nu si nye wò susu le wɔnaa ŋu. Aleke mawɔ ake ɖe ŋuwò?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar7-13\/x%C9%94-amedzro-siwo-va-%C5%8Bku%C9%96odzia\/","date":"2017-12-15T16:16:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948575124.51\/warc\/CC-MAIN-20171215153355-20171215175355-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982918501,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982918500900269}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.015,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hiob ɖoe kplikpaa be yealé agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo Yehowa ɖo la me ɖe asi\nMelé ŋku ɖe ɖetugbuiwo ŋu o eye meɖe mɔ ame bubu ƒe nu lé dzi nɛ tsɔ wu srɔ̃a o\nHiob ɖo kpɔɖeŋu nyui le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me\nEbɔbɔa eɖokui, enye ame dzɔdzɔe eye wòkpɔa nublanui. Ewɔa nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie metsɔ le ɖoƒe si ame le eɖanye gatɔ alo hiãtɔ me o\nHiob nyoa dɔme, media eɖokui tɔ o\nEkpena ɖe ame ŋu eye wònaa nu ame siwo hiã tu","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr18-24\/hiob-biblia-nute%C6%92ew%C9%94w%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2018-01-22T00:01:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890928.82\/warc\/CC-MAIN-20180121234728-20180122014728-00048.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984140992,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984140992164612}","num_words":93,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nKpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o.\nKpe ɖe viwòwo ŋu woalé Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo ɖe susu me.\nZã Biblia nusɔsrɔ̃ sia nàtsɔ afia nu viwò sue tso Yesu ƒe nukunu xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/fefe%C9%A3i-anyin%C9%94n%C9%94-kpo-%C9%A3i\/","date":"2018-01-17T14:11:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990456104,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990456104278564}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆNU dzetugbe siae nye Maria. Israel-nyɔnue wònye le Nazaret-du me. Mawu nya be enye nyɔnu nyui aɖe. Ema tae wòdɔ eƒe dɔla Gabriel ɖo ɖe egbɔ be wòaƒo ƒu nɛ. Ènya nya si Gabriel va gbɔgblɔ ge na Maria? Na míakpɔe ɖa.\nGabriel gblɔ nɛ bena: 'Medo gbe na wò, wò amesi nu wove. Yehowa li kpli wò.' Maria mekpɔ amesia kpɔ o. Dzidzi ƒoe elabena mese nusi wògblɔ nɛ la gɔme o. Gake enumake la Gabriel na eƒe dzi dze eme.\nEgblɔ nɛ be: 'Mègavɔ̃ o Maria, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò ŋutɔ. Ema tae wòle nukunu aɖe wɔ ge na wò ɖo. Eteƒe madidi o àdzi vi. Eye nàyɔe be Yesu.'\nGabriel yi edzi gblɔ be: 'Ðevi sia anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Yehowa aɖoe fiae abe Dawid ene. Gake Yesu anye fia yi ɖe mavɔmavɔ me, eye eƒe fiaɖuƒe nu mayi gbeɖe o!'\nMaria bia be: 'Aleke esiawo katã ava emee? Nyemeɖe srɔ̃ gɔ̃ hã o. Nyemedɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o, eyata aleke mawɔ adzi vi?'\nGabriel ɖo eŋu be: 'Mawu ƒe ŋusẽ ava dziwò. Eyata woayɔ ɖevi la be Mawu ƒe Vi.' Eye wògblɔ na Maria be: 'Ðo ŋku wò ƒometɔ Elisabet dzi. Amewo gblɔ be etsi akpa na vidzidzi. Gake eteƒe madidi o la, adzi ŋutsuvi. Eyata èkpɔea, naneke wɔwɔ mesesẽ na Mawu o.'\nEnumake Maria gblɔ be: 'Yehowa ƒe dɔlanyɔnu menye! Neva eme nam abe alesi nègblɔ ene.' Eye mawudɔla la dzo.\nMaria wɔ kaba yi Elisabet kpɔ ge ɖa. Esi Elisabet se Maria ƒe nuƒo la, vidzĩe si le Elisabet ƒe dɔme la ti kpo kple dzidzɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ yɔ Elisabet fũ, eye wògblɔ na Maria be: 'Woyra wò ŋutɔ le nyɔnuwo dome.' Maria nɔ Elisabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene hafi yi aƒe le Nazaret.\nEsusɔ vie ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yosef la naɖe Maria. Gake esi Yosef se be Maria le vi dzi ge la, megadi be yeaɖee o. Ke Mawu ƒe dɔla gblɔ nɛ be: 'Mègavɔ̃ Maria kpɔkplɔ wòanye srɔ̃wò o. Elabena Mawue nye amesi na ŋutsuvie.' Eyata Maria kple Yosef woɖe wo nɔewo, eye wonɔ Yesu dzidzi lalam.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/mawud%C9%94la-yi-maria-gb%C9%94\/","date":"2018-01-17T12:02:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886895.18\/warc\/CC-MAIN-20180117102533-20180117122533-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985804558,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985804557800293}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Esime wodzim la, ŋkutike sesẽ aɖe si wokɔ ɖe ŋku dzi nam wɔe be nyemekpɔa nu nyuie o. Le nye ƒewuiwo me la, nye ŋku va tsi kura eye esia na blanuiléledɔ sesẽ aɖe hã va dze dzinye.\"—Paqui si nye nyɔnu si le eƒe ƒe 50-awo me, eye srɔ̃a hã nye ŋkunɔ.\nŊkutsitsi alo numakpɔmakpɔ nyuie ate ŋu atso nu geɖe gbɔ, esiawo dometɔ aɖewoe nye dɔléle kple nuveviwɔame. Nu siawo ate ŋu agblẽ nu le ŋkua, ŋkukawo alo ahɔhɔ̃a ŋu. Zi geɖe la, ame siwo mekpɔa nu nyuie o alo tsi ŋku la mexɔnɛ sena o, woxaa nu eye vɔvɔ̃ léa wo. Gake wo dometɔ geɖe dzea agbagba nɔa te ɖe enu nyuie, eye esia nana wonɔa agbe si me dzidzeme le.\nMíaƒe ŋkuwo koŋ dzie míetona nyaa nu siwo le edzi yim ƒo xlã mí. Eya ta ne ame tsi ŋku la, sidzenu bubu siwo nye nusese, nuʋeʋẽse, asikakanuŋu kple nuɖɔɖɔkpɔ dzi koŋue wònɔa te ɖo nyaa nu siwo le edzi yim.\nMagazine aɖe (Scientific American) gblɔ be numekuku si wowɔ tso kadodo si le ŋkua kple ahɔhɔ̃a dome ŋu ɖee fia be ŋutete \"le ahɔhɔ̃a ŋu be wòatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu.\" Numekukua yi edzi be: Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo ɖee fia be ne ahɔhɔ̃a mele nyatakaka xɔm tso sidzenu aɖe gbɔ o la, ŋutete le ahɔhɔ̃a ŋu be wòagbugbɔ atrɔ asi le nuwo ŋu be sidzenu bubuawo nawɔ dɔ ɖe esi mele dɔ wɔm o la nu. De ŋugble tso eƒe kpɔɖeŋu siwo gbɔna la ŋu kpɔ.\nNusese: Ne amewo se gbeɖiɖiwo kple afɔziwo la, wotea ŋu kpɔa nu si le dzɔdzɔm la le susu me. Fernando si nye ŋkunɔ la gblɔ be, \"mesrɔ̃ ale si maɖo ŋku amewo dzi ahade dzesi wo to woƒe gbe alo woƒe afɔziwo dzi.\" Juan si hã nye ŋkunɔ gblɔ be: \"Amewo ƒe gbee ŋkunɔwo tsɔ dea dzesi wo.\" Abe ale si wòle le mí katã gome ene la, ŋkunɔwo tea ŋu dea dzesi ale si amewo le sesem le wo ɖokuiwo me le woƒe nuƒoƒo me.\nŊkunɔwo ƒe to nɔa nu vovovo siwo yia edzi le nutoa me ŋu nyuie, si nana wòtea ŋu dea dzesi afi si amewo sɔ gbɔ le, ne xɔ aɖe me lolo alo le sue, kple ne mɔxenu le afi aɖe.\nNuʋeʋẽse: Nuʋeʋẽse ate ŋu akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woanya nu geɖe siwo le edzi yim ƒo xlã wo, gake menye ʋeʋẽ lililiwo ko o. Le kpɔɖeŋu me ne ŋkunɔ aɖe le mɔ aɖe dzi zɔm la, ʋeʋẽ siwo sem wòle la ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ afi si nuwo abe kɔfidzraƒe, nuɖuɖudzraƒe, asime kple bubuawo ene le le mɔa dzi le susu me. Gbeɖiɖi nyanyɛ siwo sem wòle hã kpena ɖe eŋu wòkpɔa nu siwo le dzɔdzɔm la le susu me, abe ale si asikaka nuwo ŋu hã kpena ɖe wo ŋu wonyaa nu geɖe ene.\nAsikakanuŋu: Francisco gblɔ be, \"nye asibidɛwoe nye nye ŋkuwo.\" Ati si meléna ɖe asi kpena ɖe ŋunye menyana afi si \"ŋku\" sia ate ŋu akpɔ nu ase ɖo. Manasés si ƒe ŋkuwo tsi hafi wodzi, eye wòsrɔ̃ ale si wòatsɔ ati akpɔ nui tso ɖevime ke gblɔ be: \"Nye susu kple sidzenu bubuawo kpakple ale si wotrɔ asi le mɔdodowo ƒe akpa si amewo tona ŋu la kpena ɖe ŋunye be menyana afi si tututu zɔm mele.\"\nAsikakanuŋu tea nu kpena ɖe ŋkunɔ geɖe ŋu wotea ŋu xlẽa agbalẽ siwo wota na wo. Egbea la, nu gbogbo aɖewo li siwo akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woate ŋu asrɔ̃ nu be woaɖi kɔ na woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo. Tsɔ kpe ɖe ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ŋu la, nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kple kɔmpiuta dzi ɖoɖo bubuwo hã li na ŋkunɔwo. Nu siawo kpena ɖe ŋkunɔwo ŋu woxlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo. *\nAgbalẽ mawo siwo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo me faa akɔ na Paqui kple srɔ̃a, ame siwo ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la ale gbegbe eye wòna mɔkpɔkpɔ va su wo si le agbe me. Gbɔgbɔmeƒome gã aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ la kpena ɖe wo ŋu. Paqui gblɔ be: \"Fifia míetea ŋu wɔa nu geɖewo le mía ɖokui si ale si míate ŋui.\nNyateƒee wònye be ne ame ƒe ŋku tsi la nuwo manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake kpeɖodziwo ɖee fia be ŋkunɔwo tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu henɔa te ɖe enu si wɔnɛ be wometsia dzi fũu le agbe me o.\n^ mm. 10 Yehowa Ðasefowo ta ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 25 me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201511\/nu-siwo-%C5%8Bkun%C9%94wo-kp%C9%94na\/","date":"2018-01-17T13:57:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00716.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980024099,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980024099349976}","num_words":745,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ la na kakaɖedzi Yudatɔ susɔe wɔnuteƒe siwo nɔ aboyo me be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. Egaɖo ŋku Yehowa ƒe nudidi kɔkɔ dzɔdzɔe siwo wòɖo na subɔsubɔ kɔkɔe la dzi na wo.\nNunɔlawo afia Yehowa ƒe nudidiwo ameawo\nDukɔ la ado alɔ ame siwo Yehowa tia be woaxɔ ŋgɔ la\nMɔ kawo dzie míato ado alɔ hamemetsitsi siwo le hamea me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept4-10\/wogbugb%C9%94-tadedeagu-dzadzea-%C9%96o-anyi\/","date":"2018-01-22T18:42:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891530.91\/warc\/CC-MAIN-20180122173425-20180122193425-00339.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974424243,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974424242973328}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.191,"stopwords_ratio":0.194,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yonatan Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yonatan ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yonatan Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yonatan Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012440\/univ\/art\/502012440_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yonatan\/","date":"2018-02-19T10:03:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812579.21\/warc\/CC-MAIN-20180219091902-20180219111902-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986985326,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986985325813293}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.137,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele Kpewòm\nLe zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eyomedzelawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Egblɔ be:\n\"Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.\"—Luka 22:19.\nMíele kpewòm be nàva kpɔ gome le Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si míewɔna ƒe sia ƒe la me kpli mí. Ƒe sia me tɔ dze Memleɖa, March 31 dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/%C5%8Bku%C9%96odzi\/","date":"2018-03-20T21:30:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647545.54\/warc\/CC-MAIN-20180320205242-20180320225242-00090.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988920093,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988920092582703}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.328,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva ɖi tsa le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo. Kpɔ alɔdzedɔwɔƒeawo kple tsaɖiɣiwo.\nLiberia\nNear Police Academy Junction\nKakata Highway\nPaynesville City\nMONROVIA\nLIBERIA\n+231 886-513-408\nTsaɖiɖi\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ga 11 kple ŋdɔ ga 1:30 va se ɖe ɣetrɔ ga 4\nTsaɖiɖia axɔ gaƒoƒo 1\nNu Ðedzesiwo\nMíekpɔa Yehowa Ðasefo 5,500 kple edzivɔ siwo le Liberia ƒe Biblia-fiafiadɔa dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/al%C9%94dzed%C9%94w%C9%94%C6%92ewo\/liberia\/","date":"2018-03-23T03:31:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257648177.88\/warc\/CC-MAIN-20180323024544-20180323044544-00615.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996107221,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996107220649719}","num_words":63,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAY 19, 2015\nAZERBAIJAN\nAzerbaijan Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ɖe gbe be womegaɖe asi le Yehowa Ðasefo eve siwo wolé de ga do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ wo la ŋu o. Ðasefo eve siawo ŋkɔwoe nye Irina Zakharchenko kple Valida Jabrayilova. Le February 17, 2015 dzi la, Dudɔwɔƒe ma tsɔ nya ɖe nyɔnu eve siawo ŋu be wole nu vlo wɔm esi wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam \"mɔɖeɖe si dze\" maxɔmaxɔe eye wolé wo de ga ɖe esia ta. Le May 7, 2015 dzi la, Sabail Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe da asi ɖe edzi be nyɔnu siawo nanɔ ga me va se ɖe July 17 dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea melɔ̃ ɖe woƒe biabia be woaɖe yewo le ga me ahasika yewo ɖe aƒe me la dzi o. Senyala si ʋlia Ðasefoawo ta bia be woagbugbɔ ŋku alé ɖe nyametsotso madzɔmadzɔ sia ŋu eye wògblɔ kpee be nuwɔna sia ate ŋu agblẽ nu le nyɔnu eve siawo ƒe susu, seselelãme kple lãmesẽ ŋu. Dziɖuɖumegãwo yi edzi le nya gɔme kum tso Ðasefo bubuwo hã ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/azerbaijan-amel%C3%A9le-de-ga-20150519\/","date":"2018-03-19T16:36:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647003.0\/warc\/CC-MAIN-20180319155754-20180319175754-00486.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990410805,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990410804748535}","num_words":162,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nusɔsrɔ̃ 10: Mèganye Ŋɔkula O Kaleb kple Sofia srɔ̃ ale si woaƒo asa na ŋɔkuku. Wò hã èsrɔ̃ea? Taflatsɛ, media player mete ŋu ʋui o. Wɔ Video Sia Ƒe Kɔpi Kpɔ Esia Hã NYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO Wɔ Kaleb Ƒe Ʋuvi La Ta Kaleb ƒe ʋuvi la, tsoe eye nàkpee ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/nye-yehowa-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/videowo\/m%C3%A8ganye-%C5%8B%C9%94kula-o\/","date":"2018-03-17T12:47:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645069.15\/warc\/CC-MAIN-20180317120247-20180317140247-00669.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995612502,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995612502098083}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.184,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi Salomo zu Israel-fia la, Yehowa biae be: 'Nu kae nàdi be mawɔ na wò?' Salomo gblɔ be: 'Ðevi ko menye eye nyemenya nu si mawɔ o. Meɖe kuku na nunyam matsɔ akplɔ wò amewo.' Yehowa gblɔ nɛ be: 'Esi nèbia nunya ta la, mana nunya wò wu ame sia ame si le anyigba dzi. Mana nàzu kesinɔtɔ gã aɖe hã. Eye ne èɖo tom la, ànɔ agbe didi.'\nSalomo dze gbedoxɔa tutu gɔme. Ezã sika, klosalo, ati kple kpe nyuitɔwo. Ŋutsu kple nyɔnu aɖaŋudɔwɔla akpe geɖewoe tu gbedoxɔa. Le ƒe adre megbe la, wotu gbedoxɔa vɔ eye wòsɔ gbe be woakɔ eŋu na Yehowa. Woɖi vɔsamlekpui eye vɔsanuwo nɔ edzi. Salomo dze klo ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ eye wòdo gbe ɖa be: 'Oo Yehowa, gbedoxɔ sia melolo alo nya kpɔ tututu na wò o, gake míeɖe kuku míaƒe subɔsubɔ nedze ŋuwò eye nàse míaƒe gbedodoɖawo.' Aleke Yehowa bu gbedoxɔa kple Salomo ƒe gbedodoɖae? Esi Salomo nya wu gbea dodo ɖa nu ko la, dzo tso dziƒo va fiã vɔsanua le vɔsamlekpuia dzi. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe gbedoxɔa ŋu. Esi Israel-viwo kpɔ esia la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ.\nAmewo se nu tso Fia Salomo ƒe nunya ŋu le Israel bliboa katã eye wose nu tso eŋu le dukɔ bubu siwo le didiƒe gɔ̃ hã me. Amewo tsɔ woƒe kuxiwo va Salomo gbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu. Seba-fianyɔnu gɔ̃ hã va be yeatsɔ nyabiase sesẽwo adoe kpɔ. Esi fianyɔnua se ale si wòɖo biabiawo ŋui la, egblɔ be: 'Nyemexɔ nya siwo amewo gblɔ tso ŋuwò la dzi se o, gake azɔ mekpɔe be ènya nu wu nya siwo wogblɔ mese. Yehowa wò Mawu la yra wò.' Agbe dze edzi na Israel-viwo eye wokpɔ dzidzɔ. Gake eteƒe madidi o nuwo atrɔ.\n\"Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Salomo la le afii!\"—Mateo 12:42","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/8\/fia-salomo-gbedox%C9%94\/","date":"2018-04-22T19:59:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00625.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981822968,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981822967529297}","num_words":299,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yona Ƒe Ŋutinya—Enye Dzinɔameƒo Kple Nublanuikpɔkpɔ Ŋuti Nufiame\nNyagblɔɖila Yona meɖo to Yehowa esi Yehowa gblɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna Asiriatɔwo ƒe du si nye Niniwe dzi la o; gake nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo siwo dzɔ emegbe la na wòva se nu si dzinɔameƒo kple nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ fia la gɔme nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/videowo\/yona-%C6%92e-%C5%8Butinya-dzin%C9%94ame%C6%92o-kple-nublanuikp%C9%94kp%C9%94\/","date":"2018-11-19T04:46:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-47\/segments\/1542039745281.79\/warc\/CC-MAIN-20181119043725-20181119065725-00548.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994456172,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994456171989441}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.177,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu ɖi ɖase le vo me?\n4:7—Yesu bia tsi tsɔ dze dzeɖoɖoa gɔme kple nyɔnua, meƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu loo alo gblɔ nɛ be yee nye Mesia la tso gɔmedzedzea o\n4:9—Mebu nazã ɖe Samaria-nyɔnua ŋu le dukɔ si me wòtso ta o\n4:10—Edze dzeɖoɖoa gɔme kple nane si nyɔnua wɔna gbe sia gbe\n4:16-19—Togbɔ be ŋutsu si gbɔ nyɔnua le meɖee o hã, Yesu de bubu nyɔnua ŋu\nAleke nudzɔdzɔ sia na míekpɔ ale si wòle vevie be míaɖi vomeɖase?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept10-16\/yesu-%C9%96i-%C9%96ase-na-samaria-ny%C9%94nu-a%C9%96e\/","date":"2018-12-13T16:47:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376824912.16\/warc\/CC-MAIN-20181213145807-20181213171307-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982385039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982385039329529}","num_words":89,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.225,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"TSƆE be yele video aɖe si ku ɖe ame xɔŋkɔ aɖe, ɖewohĩ hadzila nyanyɛ aɖe si ƒe nu doa dzidzɔ na wò la kpɔm. Videoa dze egɔme tso eƒe ɖevime, ale si wòwɔ srɔ̃ hadzidzi kple ale si wòsrɔ̃e edziedzii. Emegbe èkpɔe le fefewɔƒewo, ezɔ mɔ yi teƒeteƒewo, eye wòle ŋkɔ xɔm le dukɔ geɖewo me. Eteƒe medidi o, èkpɔe be eva tsi le gbɔdzɔgbɔdzɔm, eye kaka videoa nawu enu la, eku.\nMenye nyakpakpae videoa me nyawo nye o, wonye nu ŋutɔŋutɔ si na míekpɔ ale si agbea wua enui. Ne amea ɖanye hadzila, dzɔdzɔmeŋutinunyala, kamedefefewɔla, alo ame xɔŋkɔ bubu aɖe o, ele ame sia ame ŋu. Amea ɖo taɖodzinu geɖe gbɔ, gake bu nu siwo gbegbe wòagate ŋu awɔ hafi ne ɖe tsitsi kple ku meva do kplamatsee o ŋu kpɔ?\nNublanuitɔea, nu sia koe ava dzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. (Nyagblɔla 9:5) Míelɔ̃ alo míegbe o, míate ŋu asi le tsitsi kple ku nu gbeɖe o. Menye ema ko o, afɔku kpata alo dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ate ŋu atso míaƒe agbe dzi. Biblia ɖɔ míaƒe nɔnɔmea be ele abe afu si dona le ŋdi me \"ɣeyiɣi vi aɖe eye emegbe wòbuna\" la ene.—Yakobo 4:14.\nLe ame aɖewo gome la, esi kakaɖedzi mele agbea ŋu o ta la, ale si wonɔa agbea koe nye be \"mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.\" (1 Korintotɔwo 15:32) Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be agbenɔnɔ alea afia be míele gbɔgblɔm be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na mí oa? Ɣeaɖewoɣi ne èva le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, àbia be, 'Agbea katã koe nye esia?' Afi kae nàkpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le?\nAme geɖe susu be dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe ana yewoakpɔ ŋuɖoɖoa. Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔnyawo me wɔe be egbea amewo megakua kukpo o. Eye dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le agbagba dzem be yewoana amewo naganɔ agbe didi vie. Agbagba ka ke dzem woɖale o, nyabiasea kpɔtɔ li be, Nu ka tae míetsina eye míekuna? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be míaƒe futɔ si nye ku maganɔ anyi oa? Nyati siwo akplɔ esia ɖo adzro nya siawo me eye woaɖo biabia si nye be, Agbea katã koe nye esia? la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no3-2019-sep-oct\/ku-nu-%C5%8But%C9%94%C5%8But%C9%94-si-w%C9%94-nublanui\/","date":"2019-06-24T21:41:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999740.32\/warc\/CC-MAIN-20190624211359-20190624233359-00219.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986305237,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986305236816406}","num_words":358,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NOVEMBER 11, 2014\nRUSSIA\nLe November 12, 2014 dzi la, Russia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ ɖoe be woagadze nya si wode toa me be woaɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Samara ƒe nutome subɔsubɔhabɔbɔa dzi la dɔdrɔ̃ gɔme. Kodzoɖoɖo la dze egɔme ɣleti ɖekae nye esia le October 8 dzi. Nyakakadɔwɔlawo, Ðasefo bubuwo, nyateƒekpɔlawo abe dutadukɔwo ƒe teƒenɔlawo ene kple senyalawo yɔ akpata gã si Ʋɔnudrɔ̃ƒea na wo dɔmenyotɔe be woanɔ eme la me taŋtaŋ. Esi woƒo nu tso senya aɖewo ŋu vɔ la, wogli kodzoa da ɖe ŋkeke bubu dzi.\nVasily Kalin, si nye Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe teƒenɔla gblɔ be: \"Míele mɔ kpɔm vevie be Russia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ si ŋu míedea bubui ŋutɔ la atso afia dzɔdzɔe ahate fli ɖe amenutsolaa ƒe nyawo me atsɔ ade dukplɔsea ƒe ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ akplɔ demokrasidukɔwo la dzi.\" Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be Ʋɔnudrɔ̃ƒea akpɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta abe ale si wòle le Russia ƒe Dukplɔsea me ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/Russia\/%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83%C6%92e-g%C3%A3t%C9%94-samara-nutome-sub%C9%94sub%C9%94hab%C9%94b%C9%94a\/","date":"2019-06-20T01:23:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.50\/warc\/CC-MAIN-20190620004625-20190620030625-00299.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994940758,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994940757751465}","num_words":160,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.312,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Mawu, míekafu wò tso dzi me ke\nWò nɔnɔme nyui'o ta.\nTogbɔ be ŋusẽ le asiwò hã,\nMawu dɔmenyotɔ nènye.\n2. Yesu Kristo hã lɔ̃ dɔmenyonyo\nAbe wò ke ene.\nEkpe ame si'o dzi nu te ɖo be\nWoava ne yeana gbɔdzɔe wo.\n3. Mina míawo hã míasrɔ̃ Yehowa\nKple Via Yesu Kristo.\nMíaɖe dɔmenyo vavãtɔ afia\nBe míado ŋusẽ mía nɔewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/116-d%C9%94menyonyo-%C6%92e-%C5%8Bus%E1%BA%BD\/","date":"2019-06-20T01:26:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999130.50\/warc\/CC-MAIN-20190620004625-20190620030625-00299.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9961639047,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9961639046669006}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.02,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.15,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi hame si le Roma se be Paulo gbɔna la, nɔvi aɖewo zɔ mɔ abe kilometa 64 sɔŋ ene be yewoava kpee. Aleke woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ sia kpɔ ŋusẽ ɖe Paulo dzii? \"Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.\" (Dw 28:15) Togbɔ be wonya Paulo be edoa ŋusẽ hame siwo wòsrãna kpɔ hã la, fifia si eya ŋutɔ nye gamenɔlaa, eya boŋue wode dzi ƒo na.—2Ko 13:10.\nEgbea, nutome sue dzikpɔlawo tsona hame ɖeka me yia bubu me be yewoado ŋusẽ nɔviawo. Abe Mawu subɔla ɖe sia ɖe ene la, ɣeaɖewoɣia, ɖeɖi tea wo ŋu, nu tena ɖe wo dzi, eye dzi ɖena le wo ƒo. Ne nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a gava miaƒe hamea me la, nu kae nàte ŋu awɔ be dzi naɖo wo ƒo, ale be 'miade dzi ƒo na mia nɔewo'?—Ro 1:11, 12.\nKpe asi ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu. Edea dzi ƒo na nutome sue dzikpɔlaa ne gbeƒãɖelawo tsɔ nanewo sa vɔe ale be woate ŋu akpe asi kwasiɖa tɔxɛa ƒe ɖoɖowo ŋu. (1Te 1:2, 3; 2:20) Kpɔe ɖa be yeate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le dzinu si me wòava srã mí kpɔ hã. Ðe nàlɔ̃ be yeazɔ kple eya ŋutɔ alo srɔ̃a le gbeadzi alo akplɔ wo dometɔ ɖeka ayi wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔa? Edzɔa dzi na wo be yewoazɔ kple gbeƒãɖela vovovowo, ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame yeyewo alo ame siwo mebi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me tututu o.\nWɔ amedzro na wo. Ðe nàte ŋu ana dzeƒe alo nuɖuɖu woa? Esia ana nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a nakpɔe be èlɔ̃ yewo. Womekpɔa mɔ be esiawo nanye nu gãwo o.—Lk 10:38-42.\nSe eƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewo eye nàwɔ ɖe wo dzi. Nutome sue dzikpɔlaa kpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe be míakpɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be ale si míesubɔa Yehowa nanyo ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣia, aɖo aɖaŋu sesẽ aɖewo na mí. (1Ko 5:1-5) Edzɔa dzi nɛ ne míebɔbɔ mía ɖokui eye míeɖo to.—Heb 13:17.\nDa akpe na wo. Na nutome sue dzikpɔlaa kple srɔ̃a nanya ale si woƒe kutrikuku ɖe vi na wò. Àte ŋu agblɔe na wo tẽe loo alo aŋlɔ nya kpui aɖe aɖo ɖe wo.—Kol 3:15.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan28-feb3\/paulo-da-akpe-mawu-dzi-%C9%96o-e%C6%92o\/","date":"2019-06-27T04:55:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00046.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976472855,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976472854614258}","num_words":352,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.259,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2015\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 28 va se ɖe October 25, 2015 la le tata sia me.\nAleke nàwɔ aka ɖe edzi be Yehowa li kpli wò le dodokpɔ sesẽwo me gɔ̃ hã?\nSusu vevi eve le mía si si tae wòle be míanɔ ŋudzɔ esi míele xexe sia ƒe nuwuwu gogom.\nÐeko Mawu subɔlawo le abe ame siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaʋu aɖatsi dukɔ bubu me ene.\nHadede lɔ nu geɖe ɖe eme wu ame siwo nèɖea modzaka kplii ɖeɖe ko.\nXlẽ Geoffrey Jackson si nye dɔdzikpɔha la me tɔ ƒe agbemeŋutinya.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20150815\/","date":"2019-06-18T11:30:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979434013,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979434013366699}","num_words":96,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aleke amegbetɔƒomea ƒe etsɔme anɔ?\nAmegbetɔwo anɔ ŋgɔyiyi wɔm le dzɔdzɔmeŋutinunya me godoo. Gake ɖe woate ŋu ato woƒe agbagbadzedzewo me ana ame sia ame nava lɔ̃ nɔvia tso dzi blibo me gbe ɖeka? Ao. Egbea, ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ ɖo amegbetɔwo abe axɔ̃ ene. Ke hã, tameɖoɖo nyui aɖe le Mawu si na amegbetɔƒomea.\nNya si Mawu ƒe Nyaa gblɔ le ale si nuwo ava nɔ na ameƒomea le etsɔme ŋue nye be ame sia ame alɔ̃ nɔvia. Woanɔ anyi bɔkɔɔ ahanɔ dedie, eye ame aɖeke mawɔ nu vevi wo o.\nAleke Mawu aɖe ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ ɖa le amegbetɔwo me?\nEsi Mawu wɔ amegbetɔ le gɔmedzedzea me la, ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ aɖeke menɔ eme o. Gake esi ame gbãtɔ ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu la, esia wɔe be wòzu ame madeblibo. Eya ta míenyi ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔa dome tso egbɔ. Ke hã, Mawu ana Yesu nakpe ɖe amegbetɔƒomea ŋu woagade blibo ake, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.\nYesu tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe mía ta le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye esia na wotsɔ kufia si wotso na ameƒomea bliboa le ame gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖo ta la ke mí. (Romatɔwo 5:19) Eya ta Yesu na be etsɔme wɔnuku aɖe le ŋgɔ na amegbetɔwo le esi me ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ maganɔ wo me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150401\/amegbet%C9%94%C6%92omea-%C6%92e-ets%C9%94me\/","date":"2019-06-18T10:51:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980220795,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980220794677734}","num_words":218,"character_repetition_ratio":0.093,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.229,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.\n1. Nu ka tae ameƒomea hiã na dziɖuɖu si aɖu xexea me katã dzi?\nEgbea, ameƒomea ƒe kuxi akpa gãtɔ nyea xexea me godoo ƒe kuxiwo. Le dukɔ aɖewo me la, ame geɖe da ahe, eye wote wo ɖe anyi. Ke le dukɔ bubuwo me la, edze abe ame geɖewo kpɔ nu siwo hiã wo la wògbɔ edzi ene. Dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ ɖe xexe bliboa dzi la koe ate ŋu ama anyigbadzinuwo sɔsɔe ɖe ame sia ame nu.—Xlẽ Nyagblɔla 4:1; 8:9.\n2. Ame kae dze be woatsɔ xexemedziɖuɖu ade asi na?\nAme geɖe madi be ame ɖeka ko nanye xexea me godoo dzi ɖula o, elabena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke meli si ate ŋu aɖu xexea dzi nyuie o. Amegbetɔ aɖeke meli si ƒe nu adze ame sia ame ŋu o. Azɔ hã, ɖe amegbetɔ aɖe li si mate ŋu awɔ ŋusẽ ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu oa? Amewo vɔ̃na be ne ame ɖeka le xexe bliboa dzi ɖum la, ate ŋu ava zu ŋutasẽdziɖula.—Xlẽ Lododowo 29:2; Yeremiya 10:23.\nYehowa Mawu tia Via, Yesu, be wòaɖu ameƒomea dzi tegbee. (Luka 1:32, 33) Yesu nɔ anyigba sia dzi kpɔ, eye wònya ale si nɔnɔmeawo le. Esime wònɔ anyigba dzi la, eda gbe le dɔnɔwo ŋu, efia nu ame fafawo, eye wòkpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu. (Marko 1:40-42; 6:34; 10:13-16) Eya ta Yesue nye Dziɖula si dze.—Xlẽ Yohanes 1:14.\n3. Ðe wòanya wɔ be xexemedziɖuɖu ɖeka ko nanɔ anyia?\nMawu tia Via be wòanye anyigba dzi ɖula si aɖu dzi tso dziƒo. (Daniel 7:13, 14) Abe ale si ko mehiã be dziɖula siwo nye amegbetɔwo nanɔ du sia du si le woƒe dziɖuɖu te me o ene la, mehiã be Yesu hã nanɔ anyigba dzi hafi ate ŋu aɖu ameƒomea dzi o.—Xlẽ Mateo 8:5-9, 13.\nAme sia amee abɔbɔ ɖe Yesu ƒe dziɖulanyenye tea? Ao. Ame siwo lɔ̃ nu nyui wɔwɔ la koe abɔbɔ ɖe ete. Dziɖula si Yehowa tia la nye nu dzɔdzɔe wɔla si lɔ̃a ame, eye Yehowa atsrɔ̃ ame siwo tsia tsitre ɖe eŋu la ɖa.—Xlẽ Mateo 25:31-33, 46.\n4. Nu kae xexea me katã ƒe Dziɖulaa ava wɔ?\nAbe ale si ko alẽkplɔla ƒoa eƒe alẽwo nu ƒui ene la, Yesu hã le ame fafawo nu ƒom ƒu tso dukɔwo katã me hele Mawu ƒe mɔwo fiam wo be woawɔ nu le lɔlɔ̃ me. (Yohanes 10:16; 13:34) Ame siawo va zua Yesu yomedzela dovevienuwo, siwo bɔbɔna ɖe eƒe dziɖuɖu te. (Psalmo 72:8; Mateo 4:19, 20) Le xexea me godoo la, Yesu tevi wɔnuteƒewo tsɔ nusɔsɔe le gbeƒã ɖemee be Yesu zu Fia.—Xlẽ Mateo 24:14.\nEteƒe madidi o, Yesu awɔ eƒe ŋusẽ ŋu dɔ atsɔ aɖe dziɖuɖu gblẽkuwo ɖa. Etia eyomedzela wɔnuteƒe aɖewo be woava ɖu fia kpli ye le dziƒo ɖe anyigba dzi. (Daniel 2:44; 7:27) Yesu ƒe Fiaɖuƒea ana Yehowa ŋuti sidzedze naxɔ anyigba dzi, eye wòagbugbɔ aɖo paradiso si tɔgbi nɔ anyi le gɔmedzedzea me la anyi.—Xlẽ Yesaya 11:3, 9; Mateo 19:28.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20121101\/one-world-government\/","date":"2019-06-16T09:28:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998084.36\/warc\/CC-MAIN-20190616082703-20190616104703-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967216253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996721625328064}","num_words":495,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.278,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nNyabiase: Ame aɖewo mexɔe se be Yesu nɔ agbe kpɔ ŋutɔŋutɔ o, ame bubuwo xɔe se be enɔ agbe kpɔ. Eye ame bubu aɖewo hã gblɔna be mɔ aɖeke meli si dzi míato anya o. Nu kae nèsusu?\nNya Si Nàgblɔ: Nyɔ! sia ƒo nu tso nu si kpeɖodziwo ɖe fia tso nya sia ŋu la ŋu.\nFIA NYATEƑEA\nNyabiase: Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?\nMawunyakpukpui: Yh 11:11-14\nNyateƒea: Ne ame ku la eƒe agbe nu tsona. Eya ta mele be míavɔ̃ be amea gale agbe le eƒe ku megbe o. Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Abe ale si Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre ene la, ate ŋu \"afɔ\" míaƒe ame vevi siwo ku la be woava nɔ agbe ake le dzidzɔ me le anyigba dzi.—Hio 14:14.\nHAMEA ƑE KPEKPEWO ƑE AMEKPEGBALẼVI (inv)\nNya Si Nàgblɔ: Medi be makpe wò nàva se Biblia me nuƒo aɖe femaxee. Woaƒo nuƒoa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, le afi si míedea ta agu le. [Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka nɛ, fia afi si gamea kple teƒea le le agbalẽvia dzi lae, eye nàyɔ nuƒoa ƒe tanya nɛ.]\nNyabiase: Ède Fiaɖuƒe Akpata aɖe me kpɔa? [Ne asɔ la, ɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? fiae]\nŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI\nNɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2016-mwb\/gbeadzi-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-kp%C9%94%C9%96e%C5%8Budze%C9%96onyawo\/","date":"2019-06-19T05:42:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998913.66\/warc\/CC-MAIN-20190619043625-20190619065625-00187.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997944355,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979443550109863}","num_words":225,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be mele be míatsi dzi ɖe nya si míagblɔ ne wokplɔ mí yi \"nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume\" ŋu o hãa, ele be míanɔ klalo be 'míaʋli' mɔkpɔkpɔ si le mía si la ta le ame sia ame si abia nya mí tso eŋu la ŋkume. (Mt 10:18-20; 1Pe 3:15) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoazã 'se atsɔ awɔ fu mí'?—Ps 94:20.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nPaulo Bia Be Kaisaro Nagbugbɔ Nyaa Adrɔ̃ Na Ye, Emegbe Eɖi Ðase Na Fia Herodes Agripa","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/january-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-jan21-27\/paulo-bia-kaisaro-nagbugb%C9%94-nyaa-adr%C9%94%CC%83\/","date":"2019-06-19T23:56:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999066.12\/warc\/CC-MAIN-20190619224436-20190620010436-00183.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981043935,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981043934822083}","num_words":91,"character_repetition_ratio":0.004,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woyɔe be \"Ame si ŋkɔ de du le xexea me godoo va ɖo egbea.\" Nu kae na eƒe ŋkɔ de du?\nBiblia gɔmeɖeɖe sia ɖe dzesi ƒe 300 sɔŋ.\nElias Hutter si nye agbalẽnyala si nɔ anyi le ƒe alafa16 lia me ta Hebri Biblia eve eye woɖe vi ŋutɔ.\nAleke wòwɔ hafi te ŋu wɔ dɔ ma togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/biblia-g%C9%94me%C9%96elawo\/","date":"2019-06-18T01:45:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998600.48\/warc\/CC-MAIN-20190618003227-20190618025227-00135.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993940592,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993940591812134}","num_words":64,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Ðee fia be yeka ɖe edzi bliboe be nya si gblɔm yele la nye nyateƒe eye ele vevie.\nALE SI NÀWƆE:\nDzra ɖo nyuie. Srɔ̃ wò nyatia va se ɖe esime nèse susu veviawo gɔme hekpɔ ale si Biblia ɖo kpe edzi be wonye nyateƒe. Dze agbagba nàgblɔ wò dɔdeasia me nya veviawo le nya ʋɛ aɖewo ko me wo gɔme nanya se bɔbɔe. Wò susu nenɔ ale si woaɖe vi na wò nyaselawoe ŋu. Do gbe ɖa na Mawu be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò.\nZã nya siwo ɖea kakaɖedzi fiana. Mègagbugbɔ agbalẽ me nyawo gblɔ dzro ko o, ke boŋ gblɔ nyawo le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Zã nya siwo aɖee afia be èka ɖe nya si gblɔm nèle dzi.\nƑo nu moveviɖoɖotɔe tso dzi me. Kɔ gbe dzi nyuie nàƒo nu. Nɔ wò nyaselawo ŋkume kpɔm, ne esia wɔwɔ maɖia ame nu le mia gbɔ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/15-%C6%92o-nu-kple-kaka%C9%96edzi\/","date":"2019-06-26T15:09:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999285996,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992859959602356}","num_words":152,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBEÐEKA la, Yesu gblɔ na ŋutsu aɖe be ele be wòalɔ̃ ehavi. Ŋutsu la bia Yesu be: 'Amekae nye hanyevi?' Yesu nya nusi le susu me na ŋutsu sia. Ŋutsu la bu be amesiwo nye yewo detɔwo alo subɔsubɔha me tɔwo koe nye ye haviwo. Eyata na míakpɔ nusi Yesu gblɔ nɛ la ɖa.\nƔeaɖewoɣi la, Yesu gblɔa ŋutinya hetsɔna fiaa nui. Ŋutinyae wògblɔ fifia hã. Egblɔ Yudatɔ kple Samariatɔ aɖe ƒe ŋutinya. Míesrɔ̃e xoxo be Yudatɔ geɖe melɔ̃a Samariatɔwo ƒe nya o. Azɔ Yesu ƒe ŋutinya lae nye esi:\nGbeɖeka la, Yudatɔ aɖe zɔ mɔ to to aɖe dzi yina Yerixo. Gake adzodalawo va dze edzi. Woxɔ eƒe ga heƒoe vaseɖe esime wòku kloe.\nEmegbe la, Yuda-nunɔla aɖe va to mɔa dzi yi. Ekpɔ ŋutsu si woƒo la. Nukae nèsusu be wòwɔ? Ðeko wòtso mɔa me yi mɔa ƒe akpa kemɛ hedzo. Mawu subɔla vevi aɖe hã va yi. Lewitɔe wònye. Ðe wòtɔa? Ao, eya hã metɔ be yeakpe ɖe amesi woƒo la ŋu o. Kpɔ nunɔla kple Lewitɔ lae ma le adzɔge yina ɖa.\nGake kpɔ amesi le amesi woƒo la gbɔ ɖa. Samariatɔ wònye. Ele kpekpem ɖe Yudatɔa ŋu. Ele atike ɖom abiawo dzi nɛ. Emegbe la, ekɔ Yudatɔ la yi afisi wòate ŋu aɖi ɖe eme ahahaya le.\nEsi Yesu wu eƒe ŋutinya la nu vɔ la, egblɔ na amesi bia nya lae la be: 'Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ nu abe amesi woƒo la havi ene? Nunɔla la, Lewitɔ la, alo Samariatɔ lae mahã?'\nŊutsua ɖo eŋu be: 'Samariatɔ lae. Enyo dɔme na amesi woƒo la.'\nYesu gblɔ be: 'Èto nyateƒe. Eyata heyi, nàwɔ na ame bubuwo abe alesi wòwɔ ene.'\nAlesi Yesu fiaa nui la menya se na wò oa? Ðe míate ŋu asrɔ̃ nu vevi geɖe ne míeɖo to nusi Yesu gblɔna tso Biblia me la oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/6\/yesu-%C6%92e-nufiafia\/","date":"2019-06-16T06:18:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997731.69\/warc\/CC-MAIN-20190616042701-20190616064701-00509.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988635778,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988635778427124}","num_words":307,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!\nAme miliɔn geɖewo le dzidzɔ kple dedienɔnɔ kpɔm le Mawu ƒe dziɖuɖu debliboa te. Àdi be yeanye eƒe dukɔmevia?\nNu kawoe ɖo kpe edzi be nya ʋãme siwo C. T. Russell ɖe gbeƒãe na Betel ƒomea le October 2, 1914 dzi la nye nyateƒe?\nTA 1\nYesu ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe. Ɣekaɣi wòava, eye aleke wòavae?\nTA 2\nAme kawoe kpe ɖe Kristo ƒe ame siwo le anyigba dzi ŋu wonɔ dzadzraɖoɖi hafi wodzi Fiaɖuƒea? Nu kawoe ɖee fia be dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Fiaɖuƒea nye?\nTA 3\nÐe Fiaɖuƒea nɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea mea? Aleke Yesu na Fiaɖuƒea me va kɔ ɖe edzi?\nTA 4\nNu kae Fiaɖuƒea wɔ tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? Akpa kae nàte ŋu awɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ me?\nTA 5\nÀse nu geɖe gɔme tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eƒe dziɖulawo, eteviwo, kple nu si nuteƒewɔwɔ nɛ bia.\nTA 6\nNu ka tae Yesu ka ɖe edzi be yeakpɔ ame siwo alɔ̃ faa aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo me? Aleke nàte ŋu aɖee afiae be yele Fiaɖuƒea dim gbã?\nTA 7\nSrɔ̃ nu tso mɔnu yeye siwo dzi Mawu ƒe amewo le totom be yewoana nya nyuia naɖo ame geɖewo gbɔ hafi nuwuwua nava ŋu.\nTA 8\nAleke gbegɔmeɖedɔ siwo wɔm míele la ɖee fia be Yesu le megbe na mí? Agbalẽtatadɔ si wɔm míele ŋuti nyatakaka kae na nèka ɖe edzi be Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ?\nTA 9\nYesu fia nu vevi eve aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gã la ŋu. Aleke nu vevi eve mawo ka mí egbeae?\nAKPA ETƆ̃LIA\nTA 10\nNu kae sɔ kple wo nɔewo le Kristmas ɖuɖu kple atitsoga zazã ŋu?\nTA 11\nGɔmesese le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me ƒe agboawo kple dzɔlawo ƒe xɔviawo ŋu na Mawu ƒe amewo tso ƒe 1914 me.\nTA 12\nEsi Biblia gblɔ be Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o la, megblɔ kpee be ɖoɖo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ be ŋutifafa ƒe Mawue wònye. Nu ka ta? Alekee nya sia ƒe ŋuɖoɖoa ka Kristotɔwo egbea?\nTA 13\nEgbegbe ʋɔnudrɔ̃la aɖewo wɔa nu abe Sefiala Gamaliel si nɔ anyi le blema la ene.\nTA 14\nYehowa na yometiti ƒe \"tɔsisi\" si wohe va Yehowa Ðasefowo dzi le woƒe akpaɖekedzimademade le dunyahehe me ta la mie.\nTA 15\nEva hiãna be Mawu ƒe amewo naʋli gome si le wo si be woawɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo dzi la ta.\nAKPA ATƆ̃LIA\nTA 16\nNu kae míawɔ be tadedeagu na Yehowa le kpekpeawo me naɖe vi na mí bliboe?\nTA 17\nAleke teokrasi sukuwo na dzraa Fiaɖuƒea ƒe subɔlawo ɖo ɖe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu?\nTA 18\nAfi kae wokpɔa gaa tsoe? Aleke wozãnɛ?\nTA 19\nMíaƒe tadedeaguƒewo dea bubu Mawu ŋu, gake Mawu dea asixɔxɔ nu bubu aɖe kura ŋu wu tadeaguƒeawo.\nTA 20\nAleke míewɔ nya be kpekpeɖeŋunadɔa hã nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si míewɔna na Yehowa la ƒe akpa aɖe?\nAKPA ADRELIA\nTA 21\nÀte ŋu adzra ɖo fifia hena Harmagedon-ʋa la.\nTA 22\nNu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-fia%C9%96u%C6%92e\/","date":"2019-06-19T00:08:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998844.16\/warc\/CC-MAIN-20190618223541-20190619005541-00065.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985948801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985948801040649}","num_words":500,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hiob nɔ Uz-nyigba dzi esime Israel-viwo nye kluviwo le Egipte. Togbɔ be menye Israel-vi o hã, enye Yehowa subɔla wɔnuteƒe. Ƒome gã aɖe nɔ esi, enye kesinɔtɔ eye eƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi le nutoa me. Enye aɖaŋuɖola si ŋu wodea bubui kple ʋɔnudrɔ̃la si mekpɔa ame ŋkume o. Enyoa dɔme na ame dahewo. Hiob nye nuteƒewɔla vavã.\nHiob ɖee fia kɔtɛe be Yehowae nye Ame vevitɔ kekeake le yeƒe agbe me\nSatana de dzesi Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ. Satana meke ɖi Hiob ƒe toɖoɖo Yehowa o; ke boŋ susu si ta wòsubɔa Mawu ɖo la ŋue wòtsɔ nya ɖo\nSatana gblɔ be nu siwo Hiob akpɔ tso Yehowa gbɔ tae wòsubɔnɛ ɖo\nBe Yehowa naɖo Satana ƒe gbetɔame ŋu la, eɖe mɔ nɛ be wòado nuteƒewɔla ma kpɔ. Satana he vɔ̃ va Hiob dzi le go sia go me\nEsi Hiob lé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ta la, Satana tɔ gbe amegbetɔwo katã ƒe nuteƒewɔwɔ\nHiob mewɔ nu vɔ̃ alo bu fɔ Mawu o","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar14-20\/hiob-biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-nute%C6%92ew%C9%94w%C9%94\/","date":"2019-06-25T07:06:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00483.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966721535,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966721534729004}","num_words":168,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI TA WÒLE VEVIE: Ame geɖe siwo kpɔa dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu la nye ame siwo le nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la dim. (Yes 55:6) Hafi míate ŋu afia nu wo vivivi la, ele be míatrɔ ayi wo gbɔ zi gbɔ zi geɖe. Nɔnɔme siwo me amewo tona la le vovovo, eya ta mɔ siwo dzi míato atu woƒe ɖetsɔleme ɖo la manɔ ɖeka o. Gake ne míedzra ɖo nyuie eye taɖodzinu aɖe le mía si le tɔtrɔyi ɖe sia ɖe ŋu be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la, míaƒe tɔtrɔyia aɖe vi wu.\nALE SI NÀWƆE:\nDze agbagba nàtrɔ ayi kaba, ɖewohĩ le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko megbe.—Mt 13:19\nÐe xɔlɔ̃wɔwɔ fia eye nàde bubu amea ŋu. Ðe dzi ɖi\nDo gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe. Yɔ amea ƒe ŋkɔ. Ðo ŋku nu si ta nètrɔ va la dzi nɛ—ɖewohĩ be nàɖo nyabiase aɖe si nègblẽ ɖe egbɔ la ŋu, atsɔ magazine yeyewo ayi nɛ, ahe eƒe susu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea, aɖe video aɖe alo afia ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e. Ne nu bubu aɖe le susu me nɛ la, ekema trɔ ɖe ema ŋu.—Flp 2:4\nXlẽ Ŋɔŋlɔa aɖe alo ɖewohĩ nàgblẽ agbalẽ aɖe ɖi wòanye tsidede nyateƒea ƒe nuku si nèƒã ɖe eƒe dzi me va yi la. (1Ko 3:6) Dze agbagba nàna xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mia dome\nÐo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyi bubu","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/november-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-nov6-12\/ale-si-m%C3%ADaw%C9%94-t%C9%94tr%C9%94yi\/","date":"2019-06-16T13:26:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00341.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982994199,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982994198799133}","num_words":220,"character_repetition_ratio":0.026,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La? (Akpa 1)\nNuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 3 lia dzie wotu nusrɔ̃gbalẽvi sia ɖo. De ŋugble tso ale si nu siwo le edzi yim le xexea me egbea to vovo sãa tso tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋui gbɔ la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biblias%C9%94sr%C9%94%CC%83-%C6%92e-d%C9%94w%C9%94nuwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BDvi\/mawu-%C6%92e-tame%C9%96o%C9%96o-na-anyigba-la-akpa-1\/","date":"2019-06-16T07:18:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997801.20\/warc\/CC-MAIN-20190616062650-20190616084650-00183.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991078377,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999107837677002}","num_words":53,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY 18, 2014\nUKRAINE\nLVIV, Ukraine—Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine ka nya ta be le June 17, 2014 dzi la, Ðasefo aɖe si le Ukraine ƒe ɣedzeƒedu si woyɔna be Kramatorsk me ku esi bɔmb aɖe wó le eƒe ʋu gbɔ. Yehowa Ðasefo bubu aɖeke meku o, eye nu vevi mewɔ ɖeke hã le dukɔmeviʋa si le edzi yim le dukɔa me ɣleti ʋɛ aɖewoe nye esia me o. Ke hã, Ðasefo alafa geɖewo ʋu le nuto siwo me dukɔmeviʋa le edzi yim le le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me la me. Ame siwo ʋu le woƒe aƒewo me la yi ɖatsi woƒe haxɔsetɔwo gbɔ.\nTogbɔ be aʋaa gakpɔtɔ le edzi yim hã la, Ðasefo siwo le Ukraine yi edzi le Biblia me gbedeasia gblɔm na wo haviwo. Tso June 2014 ƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe domedome la, Ðasefowo wɔ takpekpe gã geɖewo le ŋutifafa me le Ukraine ƒe ɣedzeƒenutoa me. Woƒo nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi, eye wowɔ wɔwɔfia siwo ɖe ale si woawɔ ɖe Biblia me nyawo dzi le gbe sia gbe nuwɔnawo me fia hã. Ame 5,200 kple edzivɔe de takpekpe siawo. Ðasefoawo awɔ nutome gã takpekpe 40 le Ukraine kple Crimea, eye woaƒo nu tso nya si Biblia gblɔ tso ale si Mawu Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa vae le etsɔme ŋu la ŋu. Wole mɔ kpɔm be ame 165,000 kple edzivɔwo ade wɔna siawo. Wokpɔ mɔ be wo dometɔ 7,500 adee le Crimea.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nUkraine: Vasyl Kobel, tel. +38 032 240 9323","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/ukraine\/yehowa-%C9%96asefowo-ukraine-crimea\/","date":"2019-06-24T23:27:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999779.19\/warc\/CC-MAIN-20190624231501-20190625013501-00290.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990383387,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990383386611938}","num_words":247,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.3,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. (Ef 4:23, 24) Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be nànɔ ɖokuiwò nyim le gbɔgbɔ me, aɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Mawu subɔsubɔ me, eye nàɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia.\nNe ètsɔ ale si wò gbɔgbɔmemenyenye le fifia sɔ kple ƒe si va yi, ƒe ewo siwo va yi alo tso esime nèxɔ nyɔnyrɔ la, nya kae nàgblɔ?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar18-24\/%C5%8Butil%C3%A3memee-n%C3%A8nye-alo-gb%C9%94gb%C9%94memee-n%C3%A8nye\/","date":"2019-06-16T23:54:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998325.55\/warc\/CC-MAIN-20190616222856-20190617004856-00427.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988911748,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988911747932434}","num_words":71,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.296,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Kae Afia Mí Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La?\nYESU na eme kɔ nyuie be subɔsubɔ aɖewo ƒomevi medzea Mawu ŋu o. Eƒo nu tso 'aʋatsonyagblɔɖilawo' ŋu hetsɔ wo sɔ kple ati si tsea ku manyomanyo, si \"[wolãna], eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me.\" Egblɔ hã be: \"Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, 'Aƒetɔ, Aƒetɔ,' ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.\"—Mateo 7:15-22.\nLe nyateƒe me la, Yesu gblɔ tso ame aɖewo siwo agblɔ be yewonye eyomedzelawo la ŋu be: \"Maʋu eme na wo be: Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.\" (Mateo 7:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime Yesu nɔ nu ƒom na subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la, eyɔ nya siwo Mawu gblɔ tso Israel vi xɔsegbelawo ŋu la tɔ ɖe wo ŋu be: \"Dzodzroe woyi edzi le subɔyem, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewo ye wofiana.\"—Marko 7:6, 7.\nEme kɔ ƒãa be menye subɔsubɔhawo katã dzie Mawu, alo Via, da asi ɖo o. Eya ta menye subɔsubɔha ɖe sia ɖee nye nyateƒetɔ o. Ðe esia fia be subɔsubɔha ɖeka aɖe koe fiaa nyateƒea? Ðe wòanye be Mawu daa asi ɖe subɔsubɔha geɖewo dzi hegbea nu le bubu aɖewo ko gbɔa? Alo ɖe wòanye be Mawu daa asi ɖe ame ɖekaɖeka siwo le subɔsubɔha vovovoawo me la dometɔ aɖewo ƒe subɔsubɔ dzi hegbea nu le wo dometɔ aɖewo tɔ gbɔ, metsɔ le nu ka kee woƒe subɔsubɔhawo fiana me oa?\nMawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: \"Azɔ mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye be mamawo naganɔ mia dome o, ke boŋ be miawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.\" (1 Korintotɔwo 1:10) Azɔ hã, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: \"Susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖeka nanɔ mia si, miawɔ ɖeka le luʋɔ me, mialé tamesusu ɖeka me ɖe asi.\"—Filipitɔwo 2:2.\nLe nyateƒe me la, afi si ɖekawɔwɔ ma tɔgbi anɔ la, subɔsubɔha ɖeka koe anɔ anyi. Esia tae Biblia gblɔ be, \"Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka\" ye li ɖo.—Efesotɔwo 4:4, 5.\nNu Si Biblia Ðe Fia\nBiblia me nuŋlɔɖiwo na wòdze ƒãa be Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nyataƒoƒo ma dzi. Nuŋlɔɖi mawo me dzodzro ana nàkpɔe be Mawu wɔ nu kple eƒe amewo le blema to tadeagumɔnu ɖeka ko dzi. Le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Mawu zã blemafofowo alo ƒome ƒe tawo wonye eteƒenɔlawo. Ame siawo dometɔ vevi aɖewoe nye Noa, Abram (Abraham), Isak, kple Yakob.—1 Mose 8:18-20; 12:1-3; 26:1-4; 28:10-15.\nYakob ƒe dzidzimeviwo va zu kluviwo le Egipte. Wowɔ fu wo vevie le afi ma, ke hã, wodzi ɖe edzi va zu ame miliɔn geɖe. Mawu ɖe wo tso kluvinyenye me, eye wòna wotso Ƒu Dzĩa nukutɔe. Emegbe ena wozu eƒe dukɔ, eye wòna sewo woamawo to Mose, ame si nye domenɔla na woa kple dukɔa, la dzi. Wova zu Israel dukɔ si nɔ anyi le blema, si nye Mawu ŋutɔ ƒe dukɔ.—2 Mose 14:21-28; 19:1-6; 20:1-17.\nEɖe dzesi ŋutɔ be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe mɔ siwo ƒomevi nu dukɔ siwo ƒo xlã Israel dea ta agu le ŋu o. Le nyateƒe me la, ehea to na eƒe dukɔa ne wogblẽ eƒe sewo ɖi ɖalé mɔ mawo siwo nu dukɔwo dea ta agu le la me ɖe asi.—3 Mose 18:21-30; 5 Mose 18:9-12.\nKe ame ɖekaɖeka siwo nye dukɔwo me tɔwo siwo di be yewoasubɔ Mawu vavã la ya ɖe? Gbã la, ele na wo be woaɖe asi le woƒe subɔsubɔ tsãtɔ si nye alakpatɔ la ŋu, eye emegbe woawɔ ɖeka kple Israel viwo le tadedeagu na Yehowa Mawu me. Mawu va kpɔ ŋudzedze ɖe wo dometɔ geɖe ŋu, eye wova zu eƒe subɔla nyateƒetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye nyɔnu siwo nye Raxab, Kanaantɔ la, kple Rut, Moabitɔ la; ŋutsu siwo nye Uriya, Xititɔ la, kple Ebed-Melex, Etiopiatɔ la; kpakple ameha blibowo, abe Gibeontɔwo ene. Israel Fia Salomo do gbe aɖe ɖa ɖe ame siwo katã wɔ ɖeka kpli wo dea ta agu na Mawu le mɔ si nu eƒe amewo wɔnɛ le la ta. * —2 Kronika 6:32, 33.\nEsi Yesu Va Anyigba Dzi Megbe\nEmegbe esi wodɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi la, eƒe nufiafiawo dzie wova tu subɔsubɔ vavãtɔ ɖo, eye esia na Mawu ƒe tameɖoɖowo me gava kɔ ɖe edzi wu. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova yɔa nyateƒetadeagulawo be \"Kristotɔwo.\" (Dɔwɔwɔwo 11:26) Eya ta enɔ na Yudatɔ siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la be woaɖe asi le mɔ tsãtɔ si nu wodea ta agu le la ŋu. Womebia tso wo si be woawɔ tiatia le subɔsubɔ ƒe mɔnu eve me alo be wo dometɔ ɖe sia ɖe natiae be yeasubɔ le ye ɖokui si o. Abe ale si míekpɔe le Mawu ƒe Nya la me ene la, nyateƒetadeagulawo wɔ ɖeka le \"xɔse ɖeka\" me.—Efesotɔwo 4:4, 5.\nEgbea la, ame aɖewo abu susu si nye be subɔsubɔha ɖeka ko dzie Mawu to le mɔ fiam ameƒomea be enye nukpɔsusu gbɔme si dzi xɔxɔ se sesẽ. Ke hã, nyataƒoƒo ma gbɔe Biblia kplɔ mí va. Ame ɖekaɖeka siwo subɔ le wo ɖokui si le blema la va de dzesi nyateƒenya sia eye wowɔ ɖe edzi. Wowɔ ɖeka kple Yehowa subɔla vavãwo, eye ɖikeke ɖe sia ɖe si nɔ wo me le gɔmedzedzea me la va zu dzidzɔ kple yayra geɖe na wo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be esi Etiopia ŋutsu aɖe trɔ dzi me va zu Kristotɔ megbe la, \"eyi eƒe mɔ la zɔzɔ dzi kple dzidzɔ.\"—Dɔwɔwɔwo 8:39.\nYayra mawo kee sua ame sia ame si trɔa dzi me hewɔa ɖeka kple subɔsubɔha nyateƒetɔ la hã si egbea. Gake esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ ale gbegbe ta la, aleke nàwɔ ate ŋu akpɔ nyateƒetɔ la adze sii?—g08 03-E.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Nɔnɔmetata si le axa 19]\nNu kae adzɔ ɖe subɔsubɔha aɖe si tsea ku manyomanyo la dzi?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200804\/Ame-Kae-Afia-M%C3%AD-Sub%C9%94sub%C9%94ha-Nyate%C6%92et%C9%94-La\/","date":"2020-01-24T09:37:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250616186.38\/warc\/CC-MAIN-20200124070934-20200124095934-00320.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974187016,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974187016487122}","num_words":949,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA 2006-11-01 \"Eŋutinunyalawo\" ƒe Dodo Kple Woƒe Kpododonu Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le Yehowa Yra Ðe Nye Didi Be Manye Dutanyanyuigblɔla Dzi Geɖe Ŋutɔ Nya Vevi Siwo Tso Nyagblɔla ƒe Agbalẽa Me Wowɔ Ðeka le Xɔtutu me Hena Mawu Ƒe Kafukafu Ðe Nèbua Nu Kɔkɔewo Abe Alesi Yehowa Bua Woe Enea? Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061101\/","date":"2020-02-29T05:05:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875148375.36\/warc\/CC-MAIN-20200229022458-20200229052458-00074.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990031123,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990031123161316}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.203,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èvɔ̃na Na Etsɔmea?\nSUSU vovovowo tae amewo vɔ̃na ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo vɔ̃na na nu si ava adzɔ ɖe anyigbadzinuwo dzi le etsɔme. Magazine si ŋkɔe nye Time, April 3, 2006 tɔ, gblɔ be: \"Yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, ahomya sesẽwo, tɔɖɔɖɔwo, dzobibiwo, tsikpe gãwo ƒe lólo; nu siawo katã fia be yame ƒe nɔnɔmewo gblẽ ale gbegbe.\"\nLe May 2002 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nutomededienɔnɔ Gbɔkpɔha ɖe nyatakaka aɖe ɖe go si ƒe tanyae nye \"Ŋkuléle Ðe Xexea Me Godoo Ƒe Nɔnɔme Ŋu-3.\" Ame siwo wu 1,000 woe wɔ ɖeka ŋlɔ nyatakaka ma. Woka nya ta le nyadzɔdzɔ aɖe me be nya siwo woɖe ɖe go la menya aɖewoe nye esi: \"Anyigba la ɖo teƒe si wòhiã le be míaɖe afɔ kpata, eye nyametsotso siwo míawɔ egbea akpɔ ŋusẽ ɖe avewo, atsiaƒu, tɔsisiwo, towo, gbemelãwo, kple nu bubu siwo léa agbe ɖe te, siwo ŋu dɔ dzidzime si li fifia kple esi gbɔna awɔ la dzi vevie.\"\nNu siwo nana wotsia dzimaɖi la dometɔ ɖeka koe ale si nutoa me ƒe nɔnɔmewo le egbea la nye. Egbea le xexea me godoo la, amewo vɔ̃na na ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze. Canada ŋkutsalawo ƒe dɔwɔƒe gã dzikpɔla gblɔ be: \"Míenɔa zã dzi hetsia dzodzodzoe ɖe afɔku siwo ŋu míenya naneke tso o ŋu.\" Le nyateƒe me la, nu siwo dzɔ kpɔkpɔ le fiẽsi nyadzɔdzɔwo me le television dzi ɖeɖe dzaa ate ŋu ana woatsi dzimaɖi!\nAme tsitsi dɔ sesẽ wɔla geɖe le vɔvɔ̃m be dɔ age le yewo si. Amenyanya le dɔme, dɔwɔƒewo tutu, hoʋiʋli le dɔwɔƒewo, dɔ geɖe fũ biabia tso dɔwɔlawo si tea ŋu nana be kakaɖedzi meganɔa amewo si le dɔwɔnyawo me o. Sɔhɛwo vɔ̃na be yewo tɔwo malɔ̃ ade ha kpli yewo o. Ðeviwo hã ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be yewo dzilawo melɔ̃ yewo tututu o. Ke xexe si ƒo xlã wo ƒe nuwɔnawo ya ɖe? Vidada aɖe si tsi dzimaɖi gblɔ be: \"Le ɖeviwo kple ame siwo mele ɖeke me nyam o gome la, xexe si ƒo xlã wo ate ŋu adze teƒe ɖivɔvɔ̃ aɖe ŋutɔ na wo ɣeaɖewoɣi.\" Eye dzila geɖe tsia dzi ɖe ale si agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi le xexea me le ŋusẽ kpɔm ɖe woƒe ame veviwo dzi, vevietɔ wo viwo dzii ŋu.\nAme tsitsiwo vɔ̃na zi geɖe be yewoava ge le atrakpui dzi alo be woadze yewo dzi le mɔ dzi. Nyateƒee, 'togbɛwo hã dzia ŋɔ na wo, eye ŋɔdzi nɔa mɔwo dzi.' (Nyagblɔla 12:5) Amewo vɔ̃na be dɔléle sesẽwo ava dze yewo dzi. Wɔɖi ƒe dɔlékuiwo, kansadɔ, kple dɔxɔleameŋuwo ŋu nya sese ate ŋu ana míavɔ̃ be mía kple míaƒe ƒometɔwo míava xɔ dɔléle manyatalenu yeye siawo siwo ate ŋu ana míatsi teƒe ɖeka alo aku la dometɔ aɖe. Le susu sia ta la, ne míekpɔ ame siwo le lãmesẽ me eye ŋusẽ le wo ŋu dze dɔ hegbɔdzɔ la, mía tsi dzi godoo be nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi alo ɖe míaƒe ame veviwo dzi. Eye ɖe mewɔa nublanui ŋutɔ ne míekpɔ dɔnɔ aɖe ŋkume hekpɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖee keŋkeŋ oa?\nEsi míele akɔ kpem kple nu vovovo siwo nana vɔvɔ̃ ɖoa mí ta la, ɖe susu aɖe li si ta míakpɔ mɔ be etsɔme anyoa? Ðe nane li si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía sia? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiase siawo ŋu.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]\n© Jeroen Oerlemans\/Panos Pictures","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070515\/%C3%88v%C9%94%CC%83na-Na-Ets%C9%94mea\/","date":"2020-02-27T05:12:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146647.82\/warc\/CC-MAIN-20200227033058-20200227063058-00474.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977559447,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977559447288513}","num_words":562,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.253,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Te Ðe Mawu Ŋu\nEnye \"Akɔfafa Katã Ƒe Mawu\"\nNU GEÐE siwo dzɔna le agbe me, siwo ƒe ɖewoe nye fukpekpe, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple akogotsitsi, ate ŋu ahe blanuiléle kple dziɖeleameƒo gɔ̃ hã vae. Le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, 'Afi kae makpɔ kpekpeɖeŋu le?' Apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le 2 Korintotɔwo 1:3, 4 he susu yi akɔfafatsoƒe aɖe si ŋu kakaɖedzi le, si nye Yehowa Mawu, la dzi.\nLe kpukpui 3 lia me la, woyɔ Mawu be \"dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo.\" Nya sia gɔme ɖe? Helagbe me nya si gɔme woɖe be \"dɔmetɔtrɔwo\" ate ŋu ahe susu ayi vevesese ɖe amewo nu le fu siwo kpem wole ta la dzi. * Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, woate ŋu aɖe nya sia gɔme be \"ame ƒe nu nawɔ nublanui na ame\" alo \"ɖetsɔtsɔ le eme na ame vevie.\" Mawu ƒe \"dɔmetɔtrɔwo\" ʋãnɛ wòɖea afɔ siwo hiã. Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa sia nyanya nana míedina be míate ɖe eŋu, alo menye nenemae oa?\nPaulo gayɔ Yehowa hã be \"akɔfafa katã ƒe Mawu.\" Le afi sia la, Paulo zã nya aɖe si wogblɔna be efia hã be \"woafa akɔ na ame aɖe si ɖo kuxi me alo le nu xam eye woana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ alo dzideƒoe.\" The Interpreter's Bible ɖe nu me be: \"Míefaa akɔ na ame si le fu kpem ne míede dzi ƒo nɛ be wòanɔ te ɖe eƒe vevesesea nu.\"\nÐewohĩ àbia be, 'Aleke Mawu faa akɔ na mí hedea dzi ƒo na mí be míanɔ te ɖe míaƒe vevesesewo nui?' Ewɔa esia to Eƒe Nya, Biblia la, koŋ, kple nunana si nye gbedodoɖa dzi. Paulo gblɔ na mí be Mawu tsɔ eƒe Nya la na mí lɔlɔ̃tɔe ale be to \"akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.\" Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbedodoɖa si tso dzi blibo me ana \"Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la\" nasu mía si.—Romatɔwo 15:4; Filipitɔwo 4:7.\nNu kawo gbegbe mee Yehowa faa akɔ na eƒe amewo le? Paulo gblɔ be Mawu \"faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.\" (2 Korintotɔwo 1:4) Metsɔ le nuteɖeamedzi, nuxaxa, alo fukpekpe si ava mía dzi me o, Mawu ate ŋu ana dzideƒo kple ŋusẽ si hiã la mí be míatsɔ anɔ te ɖe enu. Ðe esia mena kakaɖedzi mí ŋutɔ oa?\nAkɔfafa si Mawu nana la mesena ɖe ame si xɔe la dzi o. Paulo gblɔ yi edzi be Mawu faa akɔ na mí bene \"míato akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi afa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la.\" Esi wofa akɔ na mí le míaƒe xaxawo me ta la, esia nana míesea veve ɖe amewo nu, eye wòʋãa mí míekpena ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.\nYehowa, ame si nye \"akɔfafa katã ƒe Mawu\" la, meɖea míaƒe kuxiwo alo vevesesewo ɖa kokoko o. Ke hã, míate ŋu aka ɖe nya sia dzi be: Ne míetrɔ ɖe eŋu be wòafa akɔ na mí la, ate ŋu ado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe nuxaxa alo kuxi ɖe sia ɖe si míado go le agbe me la nu. Nyateƒee, Mawu si sea veve ɖe ame nu alea dze na míaƒe tadedeagu kple kafukafu vavã.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 5 Woyɔ Mawu be \"dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo [alo dzɔtsoƒe],\" elabena veveseseɖeamenu tso egbɔ eye wònye eƒe amenyenye ƒe akpa aɖe hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080901\/Enye-Ak%C9%94fafa-Kat%C3%A3-%C6%91e-Mawu\/","date":"2020-02-20T09:30:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875144708.87\/warc\/CC-MAIN-20200220070221-20200220100221-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9859243631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9859243631362915, \"ajg_Latn_score\": 0.014095542952418327}","num_words":562,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNukatae New World Translation Biblia la gblɔ le Mose V, 31:2 be \"womagaɖe mɔ\" na Mose, 'be wòado ayi ahagbɔ' abe Israel ƒe ŋgɔxɔla ene o, evɔ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ya gblɔ be Mose ŋutɔe magate ŋu dona o ɖo?\nTogbɔ be woate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si wozã le kpukpui sia me la gɔme ɖe mɔ eveawo siaa nu hã la, alesi woɖe egɔmee ɖe Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la di be yeafia be le Mose ƒe agbenɔƒe ƒe nuwuwu lɔƒo la, egbɔdzɔ, eye ŋusẽ aɖeke meganɔ eŋu wòatsɔ awɔ ŋgɔxɔxɔdɔ si wode esi la o. Le kpɔɖeŋu me, Woɖe Mose ƒe nya siwo wògblɔ le kpukpui sia me la gɔme le Eʋegbe Biblia me be: \"Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o.\" Eye The New American Bible hã gblɔ be: \"Nyemagate ŋu atsa bɔbɔe o.\"\nGake nya si le Mose V, 34:7 ya ɖee fia be togbɔ be Mose tsi hã la, megbɔdzɔ o. Afima xlẽ be: \"Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.\" Eyata ŋusẽ nɔ Mose ŋu wòatsɔ axɔ ŋgɔ na dukɔa, gake Yehowa megadi be wòayi edzi awɔe o. Míade dzesi esia le nya si Mose gblɔ kplɔe ɖo la me be: \"Yehowa gblɔ nam be, 'Mele Yordan sia tso ge o.'\" (NW) Anɔ eme be nya si Yehowa gblɔ le Meriba, esime Israel-dukɔa bia tsi nono la, dzi koe wògale kpe ɖomee.—Mose IV, 20:9-12.\nMose nɔ agbe didi ŋutɔ, eye míate ŋu ama eƒe agbemeŋutinya ɖedzesi la ɖe akpa etɔ̃ me sɔsɔe. Enɔ Egipte ƒe 40, afisi \"wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã\" eyama, eye \"wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me\" le. (Dɔwɔwɔwo 7:20-22) Egatsɔ ƒe 40 hã nɔ Midian. Esime wònɔ afima la, etu nɔnɔme siwo ahiã be woanɔ esi hafi wòate ŋu akplɔ Yehowa ƒe dukɔa la ɖo. Mlɔeba la, Mose zã ƒe 40 tsɔ kplɔ Israel-viawo hefia mɔ wo. Gake Yehowa tso nya me azɔ be Yosua ye akplɔ dukɔa atso Yordan-tɔsisia ayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi, ke menye Mose o.—Mose V, 31:3.\nEyata, gɔmesese si tututu le Mose V, 31:2 ŋu lae New World Translation gblɔ. Mose megava nye Israel-viwo ƒe ŋgɔxɔla o, menye le esi ŋusẽ meganɔ eŋu o ta o, ke boŋ le esi Yehowa meɖe mɔ nɛ be wòagakplɔ wo o ta.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061001\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2020-02-26T11:26:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875146341.16\/warc\/CC-MAIN-20200226084902-20200226114902-00500.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991651773,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991651773452759}","num_words":394,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Yehowa Lolo, Eye Wòdze Kafukafu Ŋutɔ\"\n145:1-5\nEsi David va de dzesii be seɖoƒe meli na Yehowa ƒe gãnyenye o la, eʋãe wòkafui ɖaa\n145:10-12\nAbe David ene la, Yehowa ƒe gãnyenye ʋãa esubɔla wɔnuteƒewo hã woƒoa nu tso eƒe dɔ wɔnukuwo ŋu ɣeawokatãɣi\n145:14\nDavid ka ɖe Yehowa ƒe ŋutete kple didi si le esi be wòalé be na esubɔlawo la dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/september-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-sept26-oct2\/yehowa-lolo-kafukafu\/","date":"2020-08-06T18:13:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737019.4\/warc\/CC-MAIN-20200806180859-20200806210859-00288.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989553094,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989553093910217}","num_words":60,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.266,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ƑE SI ME WODZII: 1960\nDUKƆ SI ME WÒTSO: LEBANON\nAME SI WÒNYE TSÃ: KUNG FU-KƆDALA BIBI\nNYE ŊUTINYA:\nDu si nye Rmaysh, si te ɖe Israel kple Lebanon dome liƒoa ŋu la mee menɔ tsi esime dukɔmeviʋa nɔ edzi yim. Meɖo ŋku edzi nyuie be ɣemaɣi la, tomebɔmbwo wóna hetsoa ɖekemanyalawo ƒe afɔwo ɖa. Agbea sesẽ ɣemaɣi, eye nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe afi sia afi.\nMíaƒe ƒomea nɔ Maronite Subɔsubɔha, si nye Katolikoha siwo dzɔ tso Ɣedzeƒe gome la dometɔ ɖeka me. Fofonye kua kutri ɣesiaɣi be yeakpɔ mí ame 12 siwo le ƒomea me la ƒe nuhiahiãwo gbɔ, gake Dada ya kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be mí ame susɔeawo míede sɔleme godoo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be sɔlemehaa hã metsɔa ɖeke le eme na wɔnamanɔŋutɔwo o, abe ale si ko dukɔmevi bubuawo hã wɔnɛ ene.\nEsi menye ɖekakpuivi la, karat (karaté) si woyɔna be kung fu la doa dzidzɔ nam. Eya ta mexɔ hehe sesẽ aɖe si na meva bi ɖe ale si mazã nye asiwo kple afɔwo siaa atsɔ ada kɔe me; mebi ɖe nu vovovo siwo wotsɔ daa karat la dometɔ geɖe hã zazã me. Megblɔ na ɖokuinye be, 'Nyemate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu o, gake mate ŋu awɔ tɔnye si nua ana amewo nadzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ ya teti.' Ne mekpɔ ame aɖewo le kɔ dam la, meléa avu wo enumake. Menye dzikume, eya ta nu sue aɖe koe nana medoa dziku. Ame siwo nɔ Lebanon ƒe anyiehe la katã vɔ̃na nam le esi meho aʋa ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋu ta.\nLe ƒe 1980 me la, meɖo kung fu-ha aɖe me le Beirut. Togbɔ be aʋakɔwo daa bɔmbwo kple tukpe gãgãwo ɖe nutoa me gbe sia gbe hã la, metoa eme yia míaƒe kɔdadasrɔ̃ƒea kokoko. Nu si mewɔna le agbe me katã koe nye be maɖu nu, adɔ alɔ̃, ahanɔ agbe abe Bruce Lee, si nye Chinatɔ si va zu Amerikatɔ film-wɔla, si nye kung fu-kɔdala bibi si xɔ ŋkɔ la ene. Mesrɔ̃ eyama, mekpaa ɖa abe eya ke ene, mesrɔ̃ eƒe azɔlizɔzɔ, eye ne mele kung fu dam la, medoa ɣli abe eya ke ene. Nyemekoa nu gbeɖe o.\nALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:\nNye taɖodzinue nye be mabi ɖe kung fu-kɔdada me nyuie ale be mayi China aɖanɔ amewo fiam. Ɣetrɔ aɖe me la, menɔ kame dem tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe China yiyi ŋu, kasia mese ʋɔƒoƒo. Xɔ̃nye aɖee nye esi kplɔ Yehowa Ðasefo eve ɖe asi vɛ. Menɔ nye kamedewu yibɔ la me hete fifia vlevlevle, eye megblɔ na wo be, \"Nyemenya naneke tso Biblia ŋu o.\" Gake nyemenya kura be tso ɣemaɣi la, nye agbe ava trɔ keŋkeŋ o.\nÐasefoawo tsɔ nu si tae amegbetɔwo mate ŋu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖa keŋkeŋ le wo ɖokui si gbeɖe o la fiam le Biblia me. Woɖe eme nam be Satana Abosam ye nye ame si koŋ gbɔ kuxi mawo tso. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ŋutifafa kple dziɖeɖi si ɖe dzesi le Ðasefoawo ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Eye esi wofiam be ŋkɔ le Mawu si la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Psalmo 83:19) Wotsɔ nya si le 1 Timoteo 4:8 hã fiam; afi ma gblɔ be: \"Ŋutilã me kamedede nyo na nu vi aɖe ko; gake ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ya nyo na nuwo katã, elabena elé agbe si li fifia kple esi le vava ge la ƒe ŋugbedodo la ɖe asi.\" Nya siawo va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye agbe dzi.\nNublanuitɔe la, Ðasefoawo megavana o, le esi nye ƒometɔwo gblɔ na wo be woagava azɔ o ta. Togbɔ be enɔ alea hã la, metso nya me be madzudzɔ kung fu-kɔdadaa sɔsrɔ̃ eye madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nɔvinyeŋutsuwo melɔ̃ ɖe nye susua dzi o, gake meɖoe kplikpaa be madi Yehowa Ðasefowo ake ɖe wo ŋu, eye mana woasrɔ̃ Biblia kplim.\nKe hã menɔ Ðasefoawo dim do kpɔe. Ɣemaɣi la, fofonye ku kpata eye afɔku geɖe hã dzɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi, si wɔe be melé blanui vevie. Meva nɔ dɔ wɔm kple xɔtudɔwɔƒe aɖe, eye gbe ɖeka, nye dɔwɔhati aɖe si ŋkɔe nye Adel yɔm hebiam be nu ka tae melé blanui alea gbegbe ɖo hã. Eye wòte nuƒoƒo tso ŋugbe si Mawu do be yeava fɔ ame kukuwo la ŋu nam. Ðasefo dzigbɔɖitɔ lɔ̃ame sia srɔ̃ Biblia kplim le ɣleti asieke siwo kplɔe ɖo me.\nEsi nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, meva kpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ gãwo le nye agbenɔnɔ me. Menɔ bɔbɔe nam o. Nu sue aɖe koe doa dziku nam, si wɔnɛ be menɔa dzikudodo dzi ɖaa. Biblia kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ale si maɖu ɖokuinye dzi ale be maganɔ dziku dom kabakaba o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ɖo aɖaŋu le Mateo 5:44 be: \"Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.\" Eye Romatɔwo 12:19 xlɔ̃ nu be: \"Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, . . . elabena woŋlɔ ɖi be: 'Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.'\" Mawunyakpukpui mawo kple bubuwo kpe ɖe ŋunye vivivi be nye dzi va dze eme.\nVIÐE SIWO MEKPƆ:\nTogbɔ be le gɔmedzedzea me la, nye ƒometɔwo mekpɔ dzidzɔ esi medi be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim o hã la, wova dea bubu Ðasefowo ŋu mlɔeba. Nɔvinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã va wɔ ɖeka kplim míele Yehowa subɔm fifia, eye Dada hã ƒoa nu nyui tso míaƒe dzixɔsewo ŋu va se ɖe esime wòku.\nYehowa yram hã meɖe Anita, si nye nyɔnu nyui wɔnuteƒe aɖe, eye mía kplii míetsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyui la wɔ míaƒe agbemedɔe. Tso ƒe 2000 me la, mía kple Anita míeʋu yi Eskilstuna, Sweden, eye míele asi kpem ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le afi ma hele Biblia srɔ̃m kple Arab-gbedolawo.\nAme siwo kpea fu le ŋutasesẽ ta la ƒe nu gawɔa nublanui nam kokoko. Gake esi meva nya nu si koŋ na nuwo le alea kple ɖoɖo si Mawu wɔ be yeakpɔ kuxi sia gbɔ kpuie la, ena nye dzi dze eme eye dzi dzɔam.\nMía kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nufiafia amewo tso Yehowa ŋu doa dzidzɔ na mí ŋutɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-45","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20140801\/kung-fu-k%C9%94dala-tr%C9%94\/","date":"2020-10-20T23:49:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-45\/segments\/1603107874340.10\/warc\/CC-MAIN-20201020221156-20201021011156-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994623065,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994623064994812}","num_words":1003,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Rebeka—Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu\nTSƆE be wò ŋutɔe atia srɔ̃nyɔnu na viwòŋutsu. Srɔ̃nyɔnu ka ƒomevie nàtia? Nɔnɔme kawoe nàdi be wòanɔ nyɔnua si? Ðe nàdi amesi dze tugbe, nyaa nu, nyoa dɔme, hedoa vevie nu le dɔwɔwɔ mea? Alo nu bubu aɖe ŋue nàlé ŋku ɖo gbãa?\nAbraham do go kuxi sia. Yehowa do ŋugbe be woayra eƒe dzidzimeviwo to via Isak dzi. Le afisi míedze ŋutinya sia gɔme tsoe la, Abraham tsi, gake viaŋutsua mekpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o. (Mose I, 12:1-3, 7; 17:19; 22:17, 18; 24:1) Esi wònye Isak kple srɔ̃ si woakpɔ nɛ wòaɖe kpakple vi siwo woadzi ye axɔ yayraawo ta la, Abraham wɔ ɖoɖo si ana woakpɔ srɔ̃ si sɔ na Isak. Vevietɔ wu la, ele be wòanye Yehowa subɔla. Esi womakpɔ nyɔnu ma tɔgbe le Kanaan, afisi Abraham le o ta la, ele be woava dii le teƒe bubu aɖe. Nyɔnu si wova tia mlɔeba enye Rebeka. Aleke wowɔ ke ɖe eŋu? Mawuvɔ̃lae wònyea? Nukae míate ŋu asrɔ̃ le eƒe kpɔɖeŋua me dzodzro me?\nNyɔnu si Sɔ Didi\nAnye Eliezer, Abraham ƒe subɔvi tsitsitɔe wòdɔ ɖe Mesopotamia si didi ale gbegbe, be wòadi srɔ̃nyɔnu na Isak tso Abraham ƒe ƒometɔ siwo hã nye Yehowa subɔlawo dome. Nyaa le vevie ale gbegbe be ena Eliezer ka atam be yemaɖe srɔ̃ na Isak tso Kanaantɔwo dome o. Edze ƒã be nya sia nɔ vevie ŋutɔ na Abraham.—Mose I, 24:2-10.\nEsime Eliezer zɔ mɔ ɖo du si me Abraham ƒe ƒometɔwo le la, ekplɔ eƒe kposɔ ewoawo yi vudo aɖe to. Kpɔe ɖa le susu me ko! Fiẽ mee, eye Eliezer do gbe ɖa bena: \"Mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge, eye ava me be, nyɔnuvi aɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye wòaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano la, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò dɔla Isak.\"—Mose I, 24:11-14.\nAbe alesi afima nyɔnuwo anya nyae ene la, kposɔ si tsikɔ wu la noa tsi ŋutɔ (ate ŋu ano tsi lita 100). Esia ta nyɔnu si ŋutɔ lɔ̃ faa be yeadu tsi na kposɔ ewo la anɔ klalo na dɔ sesẽ wɔwɔ. Ne ele dɔ sia wɔm ame bubuwo le kpɔkpɔm evɔ womena kpekpeɖeŋui o la, aɖe eƒe ŋusẽ, dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmenyonyo na amewo kple lãwo siaa afia kɔte.\nNukae va dzɔ? \"Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge. Eye nyɔnuvi la dze tugbe ŋutɔ, ɖetugbi . . . wònye, eye wòyi ɖe vudoa me ɖaku tsi ɖe eƒe ze la me, eye wògado go. Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, na tsi vi aɖem mano! Eye wògblɔ bena: Amegã, ànoe. Enumake wòdro ze la ɖi, eye wònae wòno.\"—Mose I, 24:15-18.\nÐe Rebeka Sɔa?\nRebeka nye Abraham nɔviŋutsu ƒe tɔgbuiyɔvi, eye menye tugbe ɖeɖekoe wòdze o, ewɔ ame hã. Edoa vivi ɖe amedzro ŋu, ke hã, mebaa ha ame o. Esime Eliezer bia tsii la, elɔ̃ faa nae. Gake ema nye nusi woate ŋu akpɔ mɔ na, elabena enye amedzrowɔwɔ ɖeɖefia si bɔ ɣemaɣi. Ke dzesi evelia si wòbia ya ɖe?\nRebeka gblɔ be: \"Amegã, ànoe.\" Gake mese ɖe afima ko o. Rebeka yi edzi be: \"Madui na wò kposɔwo hã, vaseɖe esime wòaɖi kɔ na wo.\" Ena kpekpeɖeŋu wu alesi dze. 'Enumake Rebeka kɔ tsia ɖe lãto la me, eye wògaƒu du yi vudoa me ɖadu tsi la, eye wòdu tsi na eƒe kposɔwo katã' kple dzonɔameme. Nyɔnu zazɛ̃ wònye. Nuŋlɔɖia gblɔ be: 'Ŋutsu la zi kpi le ekpɔm dũ.'—Mose I, 24:19-21.\nEsime Eliezer kpɔe dze sii be ɖetugbi la nye Abraham ƒe ƒometɔ la, edze klo tsyɔ mo anyi heda akpe na Yehowa. Eliezer biae nenye be dzeƒe le fofoa ƒeme si woa kple eŋutimewo woadze fiẽ ma. Rebeka lɔ̃ be ẽ, eye wòsi du yi aƒeme ɖagblɔ amedzroawo ŋu nya.—Mose I, 24:22-28.\nEsi Rebeka nɔviŋutsu Laban kple fofoa Betuel ɖo to se Eliezer ƒe nyawo vɔ megbe la, wokpɔe dze sii be Mawue le mɔ fiamee. Rebeka kokokoe wotia na Isak. Wogblɔ be: \"Kplɔe yii, ne wòanye wò aƒetɔ vi la srɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔe ene!\" Alekee Rebeka se le eɖokui me? Esi wobiae nenye be ayi hã la, nya ɖeka koe wògblɔ le Hebrigbe me, tsɔ ɖo eŋu be: \"Melɔ̃.\" Womezi edzi be wòalɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖe sia dzi o. Abraham na eme kɔ be \"ne nyɔnu la melɔ̃\" be yeayi o la, ke menye Eliezer ye tu yeƒe atam la o. Gake Rebeka hã kpɔe be Mawu ƒe asi le nyaa me. Eyata enumake egblẽ eƒe ƒomea ɖi yi ɖaɖe ŋutsu si mekpɔ kpɔ o. Nyametsotso ma si wòwɔ dzinɔameƒotɔe nye xɔse ɖeɖefia si le etɔxɛ. Eya tututue nye tiatia nyuitɔ vavã!—Mose I, 24:29-59.\nRebeka tsyɔ nu ŋku me esime wòdo go Isak tsɔ ɖe ɖokuibɔbɔ fia. Isak ɖee wòzu srɔ̃a, eye ɖikeke mele eme o be le eƒe nɔnɔme nyuiwo ta, Isak lɔ̃e vevie.—Mose I, 24:62-67.\nVenɔviwo\nRebeka tsi ko anɔ ƒe 19 sɔŋ. Mlɔeba la, efɔ fu, wonye venɔviwo, gake fua ɖe fu nɛ, elabena ɖeviawo nɔ ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me, si na Rebeka ƒo koko na Mawu. Míawo hã míate ŋu awɔ nu nenema ke ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me le agbe me. Yehowa se Rebeka ƒe gbedodoɖa eye wòfa akɔ nɛ. Dukɔ evee nye eƒe dɔmeviwo, eye \"tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔa.\"—Mose I, 25:20-26.\nManye nya mawo ɖeɖeko tae Rebeka lɔ̃ via ɖevitɔ Yakob vevie ɖo o. Ðeviawo to vovo tso wo nɔewo gbɔ hã. Yakob nye \"ame fafa\" gake Esau ya metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me kura o, si na wòdzra eƒe ŋgɔgbevinyenye, gome si le esi be wòanyi Mawu ƒe ŋugbedodowo dome, la na Yakob ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ko ta. Xiti-nyɔnu eve siwo Esau ɖe la fia bubu mademade gbɔgbɔmenuwo ŋu—efia vlododo gɔ̃ hã—si na wòzu nuxaxa geɖe na edzilawo.—Mose I, 25:27-34; 26:34, 35.\nEna Yakob Xɔ Yayraa\nBiblia megblɔe nenye be Isak nya be ele be Esau nasubɔ Yakob o. Ke hã, Rebeka kple Yakob siaa nya be eyae woayra. Rebeka ɖe afɔ aɖe enumake esi wòse be Isak di be yeayra Esau ne etsɔ adelã ɖo kplɔ̃ na fofoa vɔ megbe. Alesi wòwɔa nyametsotso hetsɔa dzo ɖe nu ŋui le eƒe ɖetugbi me la, nenemae wògakpɔtɔ le. 'Egblɔ' na Yakob be wòalé gbɔ̃vi eve vɛ na ye. Rebeka aɖa nuɖuɖu si dzɔa dzi na srɔ̃a. Ekema ele be Yakob nawɔ nu pɛpɛpɛ abe Esau ene ahaxɔ yayraa. Yakob melɔ̃ o. Fofoa anya godoo be ɖe wòle ye flum ahaƒo fi adee! Gake Rebeka zii ɖe edzi. Egblɔ nɛ be: \"Vinye nye boŋ ŋue wò fiƒode la laɖi.\" Eyata Rebeka ɖa nua, dzra Yakob ɖo abe Esau ene, eye wòdo mɔe be wòatsɔe ayi na ye srɔ̃.—Mose I, 27:1-17.\nWomegblɔ nusitae Rebeka wɔ afɔɖeɖe sia tẽ o. Ame geɖe ƒo nu tsi tre ɖe nusi wòwɔ ŋu, gake Biblia metsi tre ɖe eŋu o eye emegbe esi Isak va kpɔe be Yakob ye xɔ yayra la, eya hã metsi tre ɖe eŋu o. Ðe Isak yrae ɖe edzi boŋ. (Mose I, 27:29; 28:3, 4) Rebeka nya nusi Yehowa gblɔ ɖi ku ɖe viaŋutsuviawo ŋu. Eyata ewɔ afɔɖeɖewo tsɔ kpɔ egbɔ be Yakob naxɔ yayra si wòdze na la. Eme kɔ ƒã be esia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.—Romatɔwo 9:6-13.\nWoɖo Yakob Ðe Haran\nAzɔ Rebeka gblẽ Esau ƒe nugbeɖoɖo me esi wòƒoe ɖe Yakob nu be wòasi adzo vaseɖe esime foa ƒe dziku nu fa. Rebeka gblɔ eƒe ɖoɖoa na Isak, gake eƒo asa na nuƒoƒo tso Esau ƒe dzikudodoa ŋu. Eƒo koko na srɔ̃a ŋuɖɔɖotɔe boŋ hegblɔ nusi ŋu wòtsi dzi ɖo, heɖe eme be ne womewɔ afɔɖeɖe sia o la, Yakob ava ɖe Kanaan-nyɔnu. Susu sia ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ akpɔ ŋusẽ ɖe Isak dzi wòade se na Yakob be wòaƒo asa na srɔ̃ ma ƒomevi ɖeɖe ahaɖoe ɖe Rebeka ƒomeawo gbɔ be wòaɖaɖe nyɔnu mawuvɔ̃la. Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Rebeka gakpɔ Yakob ake tso esia dzi o, gake Rebeka ƒe nuwɔnaa he yayra gbagowo vɛ na Israel-dukɔ si ava dzɔ la.—Mose I, 27:43–28:2.\nNusi míenya tso Rebeka ŋu naa eƒe nu dzea mía ŋu. Edze tugbe, gake eƒe mawusosroɖae nye eƒe tugbedzedze ŋutɔŋutɔ. Nɔnɔme mae Abraham nɔ mɔ kpɔm na be wòanɔ ye toyɔvi si. Eƒe nɔnɔme nyui bubuwo ƒo esi Abraham nɔ mɔ kpɔm na ta gɔ̃ hã. Eƒe xɔse kple dzinɔameƒo le Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me, eƒe veviedodonu, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmenyowɔwɔ nye nɔnɔme siwo wòanyo be nyɔnu Kristotɔwo katã nasrɔ̃. Esiawoe nye nɔnɔme siwo dim Yehowa ŋutɔ le le nyɔnu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui me vavã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040415\/Rebeka-Ny%C9%94nu-Mawuv%C9%94%CC%83la-Si-Doa-Vevie-Nu\/","date":"2020-11-25T11:54:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141182776.11\/warc\/CC-MAIN-20201125100409-20201125130409-00670.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978170991,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978170990943909}","num_words":1428,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2003 Lɔlɔ̃ Nye Nu Vevi Aɖe Alesi Woatu Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðoe Lɔlɔ̃ si Ƒo Ðesiaɖe Ta 'Kpɔ Ða, Mía Mawu Enye Si' \"Mawu Enye Lɔlɔ̃\" \"Exe Teƒe Gbɔlo aɖe le Nye Dzi Me\" Amewo Subɔsubɔ Ðea Ame Ŋutɔ Ƒe Vevesese Dzi Kpɔtɔna Ame Tsɛwo Ðe Biblia Gɔme Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030701\/","date":"2020-11-25T23:30:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141184870.26\/warc\/CC-MAIN-20201125213038-20201126003038-00006.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9942837358,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9942837357521057}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.007,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si gbegbe wòlɔ̃ Bibliae la dze ƒãa le dɔ si wòwɔ la me, eye egale vi ɖem na mí va de asi na egbea.\nWoyɔe be \"Ame si ŋkɔ de du le xexea me godoo va ɖo egbea.\" Nu kae na eƒe ŋkɔ de du?\nBiblia gɔmeɖeɖe sia ɖe dzesi ƒe 300 sɔŋ.\nElias Hutter si nye agbalẽnyala si nɔ anyi le ƒe alafa16 lia me ta Hebri Biblia eve eye woɖe vi ŋutɔ.\nAleke wòwɔ hafi te ŋu wɔ dɔ ma togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C5%8Butinya\/biblia-g%C9%94me%C9%96elawo\/","date":"2021-01-24T19:55:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703550617.50\/warc\/CC-MAIN-20210124173052-20210124203052-00615.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993385077,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993385076522827}","num_words":89,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbe ɖeka esime yame fa miamiamia eye ya nɔ ƒoƒom la, Bob nɔ ʋu kum sesĩe anɔ abe kilometa 100 le gaƒoƒo ɖeka me ene le Alberta, Canada, esi eƒe ʋua ƒe megbefɔti miametɔ wó kpoo. Esi nu sia dzɔ teti la, Bob menya be yeƒe ʋufɔtia ye wó o, eya ta eɖoe be yeayi kilometa atɔ̃ ƒe mɔ si le ye ŋgɔ la zɔzɔ dzi aɖo aƒe me.\nBob ɖe nu si dzɔ kplɔe ɖo la me le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe si le nutoa me la me. Eŋlɔ le lɛtaa me be: \"Sɔhɛ atɔ̃ aɖewo ku woƒe ʋu va nɔ akasanu kplim eye woʋu woƒe fesrea hegblɔ nam be nye ʋufɔtia wó. Míetɔ míaƒe ʋuawo eye wogblɔ be yewoaɖɔli ʋufɔtia nam. Nyemenya nenye be ʋufɔti bubu alo dɔwɔnu si matsɔ aɖɔli ʋufɔtia nɔ asinye gɔ̃ hã o. Esime menɔ nye bunɔkekea me le mɔa to la, woyi ʋua te eye wokpɔ ʋufɔti bubu kple dɔwɔnu si woatsɔ aɖɔlii, eye woɖɔli ʋufɔtia. Yame fa miamiamia eye sno nɔ dzadzam. Togbɔ be wodo awu nyuiwo hã la, wodze agbagba ɖɔli ʋufɔtia eye mete ŋu yi ʋua kuku dzi. Anye ne nyemate ŋu awɔ nu sia le ɖokuinye si o.\n\"Meda akpe na Ðasefo sɔhɛ atɔ̃ siwo kpe ɖe ŋunye. Ðe wonɔ nutoa me nɔ gbeƒã ɖem na amewo le woƒe aƒewo me. Sɔhɛ siawo nɔa agbe ɖe nu si wofiana nu vavã. Woawo manɔmee la, makpam kura o eye magblẽ ɣeyiɣi ŋutɔ, eya ta mekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ŋu ale gbegbe. Ame kae nya be Mawu adɔ sɔhɛ mawo be woava xɔ nam le mɔa dzi gbe ma gbe?\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nute%C6%92ekp%C9%94kp%C9%94wo\/nyate%C6%92ea-fiafia-amewo\/wot%C9%94-hena-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu\/","date":"2021-03-02T16:41:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178364027.59\/warc\/CC-MAIN-20210302160319-20210302190319-00002.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995126724,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995126724243164}","num_words":275,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.236,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo ne wole elektrɔnikmɔ̃ siwo dzi woate ŋu ato aɖo text message ɖa zãm?\nNɔvi aɖewo toa elektrɔnik mɔnu siawo dzi doa ka kple ƒometɔwo kple nɔvi bubuwo. Gake aɖaŋuɖoɖo sia nɔa susu me na nɔvi si tsi le xɔse me. Eyae nye be: \"Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.\"—Lod. 27:12.\nMíenya be Yehowa di be yeakpɔ mía ta. Eya ta mímedea ha kple ame siwo hea mamawo vɛ, ame siwo woɖe le haa me kple ame siwo doa nufiafia totrowo ɖe ŋgɔ o. (Rom. 16:17; 1 Kor. 5:11; 2 Yoh. 10, 11) Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo siwo le hamea mea, madi be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi o. (2 Tim. 2:20, 21) Nya ma nɔa susu me na mí ne míele xɔlɔ̃wo dzem le hamea me. Eya ta asesẽ ŋutɔ be míato elektrɔnikmɔ̃wo dzi adze xɔlɔ̃ nyuiwo.\nVevietɔ wua, ele be míanɔ ŋudzɔ ne míele xɔlɔ̃wo tiam le ƒuƒoƒo gã siwo woɖo le hahoo kadomɔnuwo dzi la me. Mía nɔvi aɖewo siwo doa ka kple amewo le ƒuƒoƒo gã siawo me va ge ɖe afɔku me. Nu kae akpe ɖe nɔvi aɖe ŋu wòanɔ ŋudzɔ ne edi be yeage ɖe ƒuƒoƒo sia tɔgbi, si me ame alafawo alo akpewo le la me? Manya wɔ be míanya ame siwo ameawo katã nye kple woƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ me o. Psalmo 26:4 gblɔ be: \"Nyemenɔa ameblelawo ƒe ha me o, eye nyemedea ha kple ame siwo ɣlaa ame si ƒomevi wonye la o.\" Ðe ŋɔŋlɔ ma mena míekpɔe be nunya anɔ eme be míado ka kple ame siwo míawo ŋutɔwo míenya ko oa?\nNe ame siwo le ƒuƒoƒoa me mesɔ gbɔ o hãa, ele be Kristotɔ nabu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòazã le hahoo kadoƒea kple nu siwo ŋu woƒoa nu tsoe la ŋu. Mele be míasusui be ele be míaɖo nya sia nya si woɖo ɖa to hahoo kadoƒea ŋu o. Ele be míabu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã ɖe eŋu la ŋu. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo tso ame siwo nɔa 'ame ŋu nya gblɔm, eye wonɔa nu dem amewo ƒe nyawo me' la ŋu. (1 Tim. 5:13) Egbea, esia ate ŋu adzɔ bɔbɔe le hahoo kadoƒewo.\nNɔvi si tsi le xɔse me manɔ to ɖom ameŋugblẽnyawo alo aʋu go wo nɔviwo ƒe nya ɣaɣlawo le hahoo kadoƒe mawo o. (Ps. 15:3; Lod. 20:19) Eye aƒo asa na nya siwo ŋu woɖe ami ɖo kple nya siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o la gbɔgblɔ. (Ef. 4:25) Míexɔa Biblia me mɔfiamewo eye míesea nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le la to JW Nyatakakadzraɖoƒea kple JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo me ɣleti sia ɣleti.\nNɔvi aɖewo toa hahoo kadomɔnu siawo dzi dzraa nu, ƒlea nu, doa boblo nu siwo dzram wole alo tsɔ dia dɔwɔlawo. Asitsanyawoe nye emawo eye meku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Kristotɔ si di be yeavo tso \"galɔlɔ̃\" me madi be yeato mɔnu siawo dzi anɔ ga wɔm le nɔviwo ŋu o.—Heb. 13:5.\nKe ɖe wòasɔ be míato hahoo kadomɔnu siawo dzi anɔ ga dzɔm be míatsɔ akpe ɖe nɔvi siwo hiã tu, alo esiwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo ŋua? Míelɔ̃ mía nɔviwo, eya ta míedina be míakpe ɖe wo ŋu eye míade dzi ƒo na wo. (Yak. 2:15, 16) Gake ne míedze agbagba be míato ƒuƒoƒo gã siwo woɖo le hahoo kadoƒewo dzi atsɔ awɔ esia la, ate ŋu agblẽ ɖoɖo si wɔm alɔdzedɔwɔƒea alo hamea le be woatsɔ akpe ɖe nɔvi siawo ŋu la me. (1 Tim. 5:3, 4, 9, 10, 16) Eye mía dometɔ aɖeke madi be yeawɔ naneke si ana amewo nasusui be míaƒe dɔe wònye be míalé be na Mawu ƒe alẽwo o.\nMíaƒe didie nye be míawɔ nu si ahe kafukafu vɛ na Mawu. (1 Kor. 10:31) Eya ta ne èdi be yeazã hahoo kadomɔnu siawo dometɔ aɖea, anyo be nàbu afɔkuawo ŋu eye nànɔ ŋudzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2021\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94-March-2021\/","date":"2021-03-09T10:44:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178389798.91\/warc\/CC-MAIN-20210309092230-20210309122230-00380.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982920885,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998292088508606}","num_words":625,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ao. Mɔnukpɔkpɔ asu ame miliɔn geɖe siwo nɔ agbe ƒe alafa geɖe siwo va yi, siwo menye Yehowa Ðasefowo o la hã si be woakpɔ ɖeɖe. Biblia gblɔ be \"tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa\" le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame siwo le agbe egbea dometɔ geɖe ate ŋu ava dze mawusubɔsubɔ gɔme, eye woawo hã woakpɔ agbe. Ke hã, menye míawoe atso nya me le ame si atsi agbe kple ame si matsi agbe o la ŋu o. Yesu ɖeɖe koe wode dɔ sia asi na.—Yohanes 5:22, 27.\nÐe Yehowa Ðasefowo Susunɛ Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/nya-siwo-amewo-biana-edziedzi\/ame-siwo-akp%C9%94-%C9%96e%C9%96e\/","date":"2021-04-16T09:14:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038088731.42\/warc\/CC-MAIN-20210416065116-20210416095116-00057.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987624884,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987624883651733}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.25,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A curated collection of free learning resources!\nBooks\nBrowse 14 books in Ewe. Start by selecting your level Browse 14 books in EweSelect your level\nWOE KPLE MEGAWOE O\nDee ne susu be devi sue sia di vevie be yayi Sukua? Ne edi be ya nya la, Wu agbale la fe akpawo.Wor\nELOLO AKPÃ!ELE SUE AKPÃ!\nƉee ne le sue akpã na agbalɛ sia xexlɛ le ɖokuiwo sia?Alo elolo akpã alegbegbe be, madzi be ame aɖeke maxlῖ kpli ye oa?Ʋui nakpɔ!\nFUUUU FUUUU FUUUU\nEgbae nye Aboƒoƒo xɔ ŋkɔ ƒe dziɖuklpu kamedede susue gbe gake Diana mateŋu ayi o elabena vuvɔ lii. Áteŋu aƒo abo la mahã? Xle agbalɛ sia ne nakpɔ nusi dzɔ ɖe Diana dzi eye nasrɔ̃ nu tso nusiwo ateŋu awɔ si ana be vuvɔ mateŋu ale wo o.\nXƆ̃NYE VEVITƆ\nÀdi be xɔlɔ̃ vevi na nɔ yesi mahã? Kpɔ abgalɛ sia me nyuie eye akpoe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le yesi vavã.\nKAAKAASAURUS\nBubune le ŋkeke baɖa aɖe me tom.Gbã akpaviã ɖu eƒe abolo eye wodzi be yeaɖu eƒe xɔlɔ̃ Salifu hã. Aleke woa nɔ? Manɔ bɔbɔeɖe kraa o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/freelearning.io\/ee\/?changedLanguage=Ewe","date":"2021-04-16T23:34:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038092961.47\/warc\/CC-MAIN-20210416221552-20210417011552-00317.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967088103,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967088103294373}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.155,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wɔ wò subɔsubɔdɔ la bliboe.—2 Tim. 4:5.\nNu ɖeka aɖe si akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe ye nye be míanɔ agbagba dzem be míabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Lod. 1:5; 1 Tim. 4:13, 15) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be Yehowa na míenye eƒe \"hadɔwɔlawo\"! (1 Kor. 3:9) Ne 'èkpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii' eye nètsɔ wò susu ɖo míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu bliboe la, esia awɔe be 'nàsubɔ Yehowa kple dzidzɔ.' (Flp. 1:10; Ps. 100:2) Esi wò hã ènye nya nyui gbeƒãɖela ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be, nɔnɔme sesẽ alo kuxi ka kee ɖava dziwò o, Mawu ana ŋusẽ si nèhiã la wò be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe. (2 Kor. 4:1, 7; 6:4) Wò nɔnɔmea ɖaɖe mɔ na wò be nàwɔ geɖe loo alo nu vi aɖe koe nètea ŋu wɔna le ale si nɔnɔmea le nu o, ne ɖaseɖiɖidɔ si nèwɔna la tso luʋɔ blibo me la, ekema, 'àkpɔ susu si ta nàtso aseye' ɖo. (Gal. 6:4) Ne èwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe la, àto esia me aɖee afia be èlɔ̃ Yehowa kple hawòvi. \"Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.\"—1 Tim. 4:16. w19.04 6 ¶15; 7 ¶17\nSatana . . . le anyigbadzinɔlawo katã blem.—Nyaɖ. 12:9.\nMɔ aɖe si dzi Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tona kplɔa amewo trana ye nye gbɔgbɔyɔyɔ. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la ƒua asi akɔ be yewonya nanewo siwo amegbetɔ mate ŋu anya hafi o alo yewokpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒua asi akɔ be yewoate ŋu ato nukaka alo ɣletivimefakaka dzi anya etsɔme. Ame bubuwo ate ŋu anɔ nu wɔm abe ɖe wotea ŋu ƒoa nu kple kukuawo ene. Bubuwo hã wɔa adze alo madziki, eye wodzea agbagba be yewoaɖu dzo amewo alo asa gbe de wo. Le numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ 18 me le Latin America kple Karib-ƒukpowo dzi me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be yewoka ɖe madzikiwɔwɔ kple adzewɔwɔ dzi, nenema kee ame agbɔsɔsɔ ma kloe ka ɖe edzi be woate ŋu aƒo nu kple gbɔgbɔwo. Wowɔ numekuku ma ke le Afrika dukɔ 18 me. Le numekuku sia me la, ame siwo gblɔ be yewoka ɖe adzewɔwɔ dzi la wu ame siwo wobia gbee la ƒe afã. Gake afi ka kee míeɖale o, ele be míakpɔ nyuie le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. w19.04 20-21 ¶3-4\nAme aɖeke naganye ame si ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me . . . o.—Heb. 12:16.\nYehowa Mawu lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe. (Ps. 5:4-6) Aleke gbegbee wòalé fu gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu, si nye nu gbegblẽ nyɔŋu si vɔ̃ɖi lae nye esi! Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, mí ame siwo nye eƒe Ðasefowo míelé fu gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu eye míeɖea mɔ ɖe eŋu alo ŋea aɖaba ƒua edzi le Kristo hamea me kura o. (Rom. 12:9) Gbɔdɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tsi tsitre ɖe \"Kristo la ƒe se la\" ŋu tẽe! (Gal. 6:2) Lɔlɔ̃ dzie Yesu tu eƒe nyawo kple nuwɔnawo katã ɖo, eye wodea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe. Esi wònye be se sia ye fiaa mɔ Kristotɔ vavãwo ta la, wowɔa nu ɖe ɖeviwo ŋu le mɔ si nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie eye wolɔ̃ yewo vevie la nu. Gake gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye nuwɔna vɔ̃ɖi si nana ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be ame aɖeke mekpɔa yewo ta o eye womelɔ̃ yewo o. Nublanuitɔe la, wowɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe Kristotɔ vavãwo dometɔ aɖewo hã ŋu le woƒe ɖevime. Nu ka tae? Nu si tae nye be, \"ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo\" va bɔ ale gbegbe, eye wo dometɔ aɖewo adze agbagba be yewoage ɖe hamea me. (2 Tim. 3:13) Azɔ hã, ame aɖewo siwo ŋutɔ be yewo hã yewole hamea me la ɖe mɔ ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la ɖu wo dzi eye wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu. w19.05 8 ¶1-3","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew\/2021\/5\/7","date":"2021-06-22T22:23:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488525399.79\/warc\/CC-MAIN-20210622220817-20210623010817-00413.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959936142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959936141967773}","num_words":656,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 451\nStanza 1\nDziƒonɔnɔ ŋkeke ɖeka\nEnyo wu akpe l'a-fi.\nÐe malé ɖ'a-nyigba ŋutia?\nO, esia le ŋu nyɔm nam!\nNe am'a-ɖe akpɔ dzidzɔ\nƑe akpe l'a-fi sia hã,\nNe wotsɔe ɖo dziƒotɔ ŋu,\nEnye nublanui sɔŋ ko.\nStanza 2\nFukpekpe kple hiãtutuwo\nSɔ gbɔ le xexe sia me.\n'Ye ame si le ku vɔ̃m la,\nMakpɔ dzidzɔ blibo o.\nKe afi ma le vovo keŋ,\nKu kple hiã megali o,\nŊɔdzi kple vɔvɔ̃ nu tsi keŋ,\nNa Mawuvi vavãwo.\nStanza 3\nLe Mawu ƒe du kɔkɔe me\nWole dzidzɔ mavɔ me.\nŊutikɔkɔe sɔŋ ƒo xlã wo\nLe alẽvi la ŋkume.\nNu si ŋkua-ɖeke mekpɔ kpɔ,\n'Ye toa ɖeke mese o,\nMawu ŋutɔ dzra ɖo ɖi na\nAme siwo lɔ̃nɛ la.\nStanza 4\nMawukpɔkpɔ, Mawusubɔ,\nEya nye woƒe dzidzɔ,\nElabena Mawu ŋutɔ\nLi kpli wo le mavɔa me.\nAƒetɔ, he nye susuwo\nTso 'nyigba ɖo ta dziƒo,\nBe nye dzi nanɔ gbɔwò ɖaa,\nVa se ɖe si makpɔ wò!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-451\/","date":"2021-09-27T08:00:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00675.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9888682365,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.988868236541748, \"ajg_Latn_score\": 0.011151455342769623}","num_words":157,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ɖeviwo\nNYE YEHOWA XƆLƆ̃KPƆ WO KATÃ\nNe míeda vo la, ɖe wòle be dzi naɖe le mía ƒoa? Na míakpɔ nu si Kaleb srɔ̃ tso Biblia me ŋutinya aɖe me ɖa.\nBIBLIA ME ŊUTINYAWO ƑE NƆNƆMETATAKPƆ WO KATÃ\nNu ka tae Mose dada tsɔe da ɖe Nil Tɔsisia me? Xlẽ nu geɖe tso Mose, eƒe ƒometɔwo kple Farao vinyɔnu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/","date":"2021-12-02T06:33:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964361169.72\/warc\/CC-MAIN-20211202054457-20211202084457-00142.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989632368,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989632368087769}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.279,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ènyaa?\nÐe susu aɖewo li siwo tae Pontio Pilato vɔ̃ na Kaisaroa?\nEsi Yuda subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoaƒoe ɖe Romatɔwo ƒe Nutomefia Pontio Pilato nu wòatso kufia na Yesu la, wogblɔ nɛ be: \"Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o.\" (Yohanes 19:12) \"Kaisaro\" si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia lae nye Roma Fiagã Tiberio. Ðe susu aɖewo li siwo tae Pilato vɔ̃ na Kaisaro sia?\nAme ka ƒomevie Kaisaro Tiberio nye? Ƒe aɖewo do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu la, Tiberio zu \"ame si tsia dzi ɖe kɔɖiɖi na eya ŋutɔ ƒe dzodzrowo ko ŋu hetoa mɔ manyomanyowo dzi be yeƒe asi nasu wo dzi.\" (The New Encyclopædia Britannica) Nazãbubu na be wòwɔa fu ame sia ame si wòsusu be eɖo tame vɔ̃ ɖe ye ŋu eye wòwunɛ. Numekugbalẽ ma ke gblɔ be, \"Nenye be ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me lɔƒo la ƒe nyawo nye nyateƒe la, ke fefe siwo dzɔa dzi nɛ wu la nye esiwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple ŋunyɔnuwo le. Ne wogblɔ nya nyui ɖe eŋu gɔ̃ hã la, ewua ame ŋutasesẽtɔe eye wòwua ame sia ame si dze eŋu.\"\nEya ta, anye ale si Tiberio xɔ ŋkɔ le anyrawɔwɔ me lae na Pilato lɔ̃ wɔ ɖe Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ƒe didiwo dzi hede se be woawu Yesu ɖo.—Yohanes 19:13-16.\nNu ka tae Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo?\nLe blema Israel la, ame geɖe yia woƒe gbe sia gbe dɔwo gbe afɔ ƒuƒlu. Le ame siwo doa afɔkpa gome la, woƒe afɔkpawo nyea atokota siwo ŋu ka nɔna woblana ɖe afɔ kple afɔkɔe dzi ko. Esi wònye be ʋuʋudedi alo ba nɔa woƒe mɔwo dzi ta la, amewo ƒe afɔwo aƒo ɖi godoo.\nEya ta le woƒe kɔa nu la, amedzro ɖea eƒe atokotawo ne ege ɖe aƒe aɖe me teti. Amedzrowɔwɔ bia be woaklɔ afɔ na amedzroa. Aƒea tɔ loo alo subɔvi aɖee aklɔ afɔ na amedzroa. Nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me ku ɖe nuwɔna sia si bɔ le nuto ma me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Abraham gblɔ na amedzro siwo va eƒe agbadɔ me la be: \"Woaku tsi vi aɖe vɛ, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie, eye matsɔ abolo vi aɖe vɛ, ne miado ŋusẽ mia ɖokui.\"—1 Mose 18:4, 5; 24:32; 1 Samuel 25:41; Luka 7:37, 38, 44.\nNyatakaka siawo siwo ku ɖe nuto ma me tɔwo ŋu na míese nu si tae Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ si wòɖu kpli wo la ɖuɣi. Gbe ma gbe la, aƒetɔ alo subɔvi aɖeke menɔ anyi aklɔ afɔ na wo o, eye edze ƒãa be eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke hã metsɔ eɖokui na be yeawɔe o. Eya ta esi Yesu ku tsi ɖe agba gã aɖe me tsɔ klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hetsɔ papahũ tutu afɔ na wo la, efia nu wo ku ɖe lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ ŋu.—Yohanes 13:5-17.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20090101\/%C3%88nyaa\/","date":"2022-01-17T20:47:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320300616.11\/warc\/CC-MAIN-20220117182124-20220117212124-00318.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975515604,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975515604019165}","num_words":473,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 425\nStanza 1\nMiva, mina mídzi ha,\nEye míado gbe ɖa na\nAƒetɔ, si kpɔ mía dzi\nEye wòna agbe mí!\nStanza 2\nMía ŋkekewo le yiyim,\nVɔvɔ̃ kple hiã ƒo xlã mí;\nMíaƒe ƒewo le vɔvɔ̃m,\nŊɔdzi sɔŋ le mía ŋuti.\nStanza 3\nKe Mawu kpɔa mía dzi nyuie\nLe fu dziŋɔwo hã me,\nAbe alesi dada\nLéa be na vi la ene.\nStanza 4\nMawu, mía Fofo lɔlɔ̃,\nNe wò mele kpli mi o,\nKem míaƒe dɔwɔwɔwo\nAnye fuɖeɖe dzro ko.\nStanza 5\nWò nuteƒewɔwɔ la\nEzua yeye gbesiagbe;\nWò amenuvesiwo\nÐea mía veve katã ɖa.\nStanza 6\nNe míele ɣli dom na wò,\nFofo, se míaƒe gbe dzro;\nNye míaƒe dzidzɔvudo,\nFa 'kɔ na mí le fu me!\nStanza 7\nWò yayra nanɔ kpli mí\nLe mía mɔwo katã dzi!\nNa dzi nyui amesiame,\nSi kpɔa dzidzɔ le ŋuwò!\nStanza 8\nNye Fofo na hiãtɔwo,\nNaxlɔ̃ nu mɔtrelawo,\nXɔ na ame dahe hã\nKple fukpelawo katã!\nStanza 9\nD' agbe dɔnɔwo ŋuti,\nÐe nuxaxa ɖa mía gbɔ,\nBene míagakpɔ dzidzɔ,\nEye míakafu wò ŋkɔ!\nStanza 10\nMlɔeba la, na wò Gbɔgbɔ\nNayɔ wò hame blibo\nEye wòakplɔ mí dedie\nYi ɖe ƒe yeye la me!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-425\/","date":"2022-01-28T10:52:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981614947,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981614947319031}","num_words":190,"character_repetition_ratio":0.002,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 221\nStanza 1\nYesu ƒ' amenuveve\nNanɔ anyi kpli mí,\nBe mía futɔ ƒe aye\nMagblẽ mí akpɔ o!\nStanza 2\nWò nya nanɔ mía dome,\nMíaƒ' avuléla gã,\nBena míakpɔ wò ɖeɖe\nL' afi kple afimee!\nStanza 3\nWò ŋutikɔkɔe gã la\nNava nɔ mía dome!\nWò nyateƒe nakplɔ mí\nBe míagatre mɔ o!\nStanza 4\nWò yayra nanɔ mía gbɔ,\nWò kesinɔtɔ gã!\nNa be miayi dzi nyui ɖaa\nLe nusianu me hã\nStanza 5\nWò dzikpɔkpɔ la nanɔ\nKpli mi, kaletɔ ga!\nBe nuvɔ̃ nable mí o,\nKe boŋ míanɔ dzadzɛ!\nStanza 6\nWò nyateƒetɔnyenye\nNanɔ anyi kpli mí\nBe míanɔ tsitre sesĩe;\nÐe mí tso hiãwo me!\nStanza 7\nWò ŋutifafa nanɔ\nKpli mí le ku me hã!\nFa 'kɔ na viwòwo be:\nYesu Krsito ɖe mi!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-221\/","date":"2022-01-28T12:07:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00130.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9947351813,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9947351813316345}","num_words":126,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 460\nStanza 1\nŊutifafaƒe mavɔ la\nLe keklẽm le dziƒo ʋiĩ,\n'Fi ma dzidzɔhaviviwo\nLe ɖiɖim zã kple keli\nÐe nye hã mava 'fi ma\nAnɔ kɔkɔetɔwo mea?\nStanza 2\nGbɔɖeme vivi ɖo atsyɔ̃\nNa denyigba lɔlɔ̃ la,\nÐevi suewo l'a-wu ɣi me\nLe xlã ƒom fiazikpui la.\nGbe ka gbe mava 'fi ma,\nAɖo ha kɔkɔe sia me?\nStanza 3\nO Yerusalem, du kɔkɔe\nWòe nye mía de vavãtɔ!\nMía nɔvi lɔlɔ̃tɔ, siwo\nKatã dze mía ŋgɔ yi la,\nWole asi miem mí ɖaa,\nNa dzidzɔ sia me vava.\nStanza 4\nEteƒe magadidi o,\nNye hã maɖo ha sia me.\nO Aƒetɔ, ve nunye dzro,\nNàkplɔm yi wò du ma me,\nBena nye hã mava, dzi\nHaleluya mavɔ ma!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-460\/","date":"2022-01-28T11:47:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00165.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991672039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991672039031982}","num_words":118,"character_repetition_ratio":0.021,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.161,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na\nTimoteo\n1\n1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔe agbalẽ sia tso,\n2 Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a.\nMawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.\nPaulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanye nuteƒewɔla\n3 Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.\n4 Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.\n5 Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.\n6 Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me, 7 elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi. 8 Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.\n9 Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi. 10 Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me. 11 Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.\n12 Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.\n13 Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu. 14 Lé be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.\n15 Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi. 16 Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o. 17 Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba. 18 Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/2TI01.htm","date":"2022-05-19T12:41:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00581.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981213808,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981213808059692}","num_words":562,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nEfesotɔwo\n1\n1 Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:\n2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.\nGbɔgbɔmeyayrawo le Kristo Yesu me\n3 Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me. 4 Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. 5 Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!\n6 Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta. 7 Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí, 8 eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi.\n9 Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. 10 Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me. 11 Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. 12 Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.\n13 Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. 14 Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.\nAkpedada kple gbedodoɖa\n15 Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la, 16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. 17 Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. 18 Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo, 19 kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene. 20 Ŋusẽ triakɔ siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. 21 Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me. 22 Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe. 23 Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/EPH01.htm","date":"2022-05-19T11:43:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00123.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9965815544,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9965815544128418}","num_words":685,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.308,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Unable to do Java Script Export Saves Nuɖoɖo aɖeke o 1 masɔmasɔ sia le esi 7 views steyntjie ɣetrɔ ga 7:12 1\/21\/22 more options Gbugbugblɔe Fix the problem! Fix the problem! Nye ha metu kuxe sia Ehia be na log in to your account be na ɖo post ŋu. Medekuku start a new question, ne nye be account mele asiwo haɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/questions\/1365368","date":"2022-05-29T09:37:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652663048462.97\/warc\/CC-MAIN-20220529072915-20220529102915-00315.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986741543,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986741542816162}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.103,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Rahaman Nuɖoɖo aɖeke o 1 masɔmasɔ sia le esi 3 views jiyaurrahaman066 ɣetrɔ ga 9:23 6\/28\/22 more options Gbugbugblɔe Hdigvj Hdigvj Nye ha metu kuxe sia Ehia be na log in to your account be na ɖo post ŋu. Medekuku start a new question, ne nye be account mele asiwo haɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-33","url":"https:\/\/support.mozilla.org\/ee\/questions\/1381165","date":"2022-08-08T05:22:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-33\/segments\/1659882570765.6\/warc\/CC-MAIN-20220808031623-20220808061623-00668.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975184202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975184202194214}","num_words":48,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.125,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Gbɔgbɔ me nuxlɔ̃ame na Braziltɔwo kple amedzro siwo le xexeame ƒe akpa sia akpa:\n\"Míedi be míabia biabia aɖe na mi amesiwo tiae be yewoadzi yewo ahanɔ anyigba sia dzi kple le tɔtrɔ gãwo ƒe ɣeyiɣi sia me: Kwasiɖa sia me la, migawɔ fefe le miaƒe nɔnɔmewo kple xaxa si me tom miele ŋu o, elabena miele agbe si sesẽ.\" moment, a kind of collective disenchantment , abe azɔlizɔzɔ to dekɔnu aɖe ƒe luʋɔ ƒe dzogbe ene.\nMoveviɖoɖo hiã fifia.\nMègahe ɖe megbe o, eye mègabu le vɔ̃ɖinyenye ƒe ʋuʋu suesuesuewo me o, nàde asixɔxɔ nya dzodzro sue siawo ŋu, be nàko wò dzɔgbevɔ̃ewo ko.\nLe ŋkeke kple kwasiɖa siawo siwo gbɔna me la, do wò susu ɖe dzi kple numekɔkɔ kple eme kɔ nyuie. Ƒe sia asesẽ na amesiame, luʋɔ aɖeke meli si asi le vɔvɔli siwo wole dodom le Brazil kple xexeame nu o – ke hã, kekelia ɖua dzi ɣesiaɣi…\nDze agbagba nàse nusi le edzi yim kple afisi nèdi be yeayi gɔme abe dukɔ si me nèle kple xexe si me nèdi be yeanɔ ene.\nElabena, ne wobu tɔtrɔ gãwo ƒe ɣeyiɣi sia eye wogatsɔ wo ɖokui ƒu gbe ɖe manyamanya ƒe mu me ake, kple viviti si me ŋkuagbã zɔna le la, woaɖe asi le gomenɔamesi si le wo si be woazu \"Denyigba kple xexe si me ablɔɖe le\" si gbeɖeka mía xɔlɔ̃ la ŋu ƒe Xexeame katã va ɖee fia wo.\nẼ, woɖoe be Brazil, Santa Cruz-nyigba, nazu Kristo ƒe anyigba kɔkɔe si le Ɣletinyigba la dzi kple xexeame si yɔ fũ kple ame nyui siwo do ƒome kpli mí la nɔviwo. Kpɔ nyuie ŋutɔ le alakpanyatakaka siwo kakana eye woagakaka ɖe xexeame godoo ŋu, vɔ̃ɖinyenye wɔ ɖeka be wòaɖu wò susu dzi to alakpanyawo kple demokrasi kple alakpa dzɔdzɔenyenye ƒe alakpanuwɔwɔ me.\nŊusẽ geɖe di be esia nagadzɔ o eye vɔvɔli ƒe ŋusẽ ƒoɖiwo ŋue míele nu ƒom tsoe.\nWomakpɔ dzidzedze o, elabena Kekeli la ɖua dzi ɣesiaɣi! * .\nNukae nye Kekeli si ɖua dzi?\nDunyahehe kple kplɔla vɔ̃ɖi aɖeke mele gbɔgbɔmeyameʋua me o.\nẼ, kekeli kple vɔvɔli li.\nEye míeɖo kpe edzi be: ŋusẽ si aɖu dzi lae nye Xexeame katã ƒe Kekeli.\nEyata míele biabiam tso mia si be mianye moveviɖoɖo, ŋudzɔnɔnɔ, toɖoɖo kple gbedodoɖa.\nMèga de vɔvɔ̃ ƒe se o, mèga de masɔmasɔ, dzrewɔwɔ kple nya ƒaƒãwo ƒe se o. Mègaɖo to alo akpɔ wɔna siwo nɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dzɔgbevɔ̃e nu eye wotsɔa woƒe tsɔtsrɔ̃ kple nufiafiawo hea seselelãme vɛ o\n. Tsi mɔ̃ ɖesiaɖe si do ƒome kple vɔ̃ɖinyenye.\nÐe gbeƒã * kakaɖedzi, * ŋusẽ kple * aʋadziɖuɖu ƒe ŋusẽ *, elabena emae nye dzɔla na wò dukɔ kple wò xexeame, ɖeka koe wònye!\nWoawɔ dzadzɛnyenye gã aɖe ŋutɔ na anyigba sia be wòazu nusi wodo ɖa be wòanye, Fiaɖuƒe, Kekeli Fiaɖuƒe le xexe sia me, be gbeɖeka wò ŋutifafa kple lɔlɔ̃ blibo nakeke to edzi.\nMenye ɣeyiɣi sia tae ɖeɖefia sia nye o, ke boŋ ɣeyiɣi si me viwòwo kple tɔgbuiyɔviwòwo anɔ la ƒe gɔmedzedzee. Ahedada manɔmee, ablɔɖe kple lɔlɔ̃!\nWɔe na wo kple míawo hã.\nLe Luz la míedo gbe na mí fifia…\"\n*Gbedasi si woxɔ tso Xexeame Katã Deŋgɔ gbɔ na Brazil kple ameƒomea katã. * .\nProf. Jucelino Luz – Ƒe 01\/01\/2023","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-06","url":"https:\/\/jucelinoluz.news\/2023\/01\/24\/gb%C9%94gb%C9%94-me-nuxl%C9%94%CC%83ame-na-brazilt%C9%94wo-kple-amedzro-siwo-le-xexeame-%C6%92e-akpa-sia-akpa\/","date":"2023-01-26T22:55:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-06\/segments\/1674764494826.88\/warc\/CC-MAIN-20230126210844-20230127000844-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990569949,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990569949150085}","num_words":528,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia\nÐe Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya? Ne Biblia ƒo nu tso nya siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, ɖe wòdena pɛpɛpɛa? Kpɔ nu si nuwɔwɔwo ɖe fia kple nya siwo dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso wo ŋu gblɔ la ɖa.\nNya Siwo Amewo Gblɔ Tso Afi Si Agbe Dzɔ Tso Ŋu\nÐe Wowɔea?\nNɔnɔmetɔtrɔ Kple Nuwɔwɔwo\nAle Si Biblia De Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome\nAgbalẽwo\nMawu Ƒe Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Ðea Eƒe Gãnyenye Fiana\nNe míelé ŋku ɖe nuwɔwɔ siwo le xexea me ŋu nyuie la, míate ŋu ade dzesi Wɔlaa ƒe nɔnɔmewo eye míate ɖe eŋu geɖe wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/","date":"2023-05-29T08:38:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644817.32\/warc\/CC-MAIN-20230529074001-20230529104001-00252.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974641204,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997464120388031}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.092,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nƔekaɣie wotsɔ Satana ƒu gbe tso dziƒo?—Nyaɖ. 12:1-9.\nTogbɔ be Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia megblɔ ɣeyiɣi si tututu wotsɔ Satana ƒu gbe o hã la, eƒo nu tso nudzɔdzɔ vovovo aɖewo ŋu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si wotsɔ Satana ƒu gbe tso dziƒo. Nudzɔdzɔ gbãtɔe nye Mesia Fiaɖuƒe la dzidzi. Nu si dzɔ kplɔ esia ɖoe nye be \"aʋa dzɔ le dziƒo,\" woɖu Satana dzi le aʋa sia me, eye mlɔeba la, wotsɔe ƒu gbe tso dziƒo.\nŊɔŋlɔawo na wòdze kɔtɛ be ƒe 1914 mee \"dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo\" wu enu, eye woɖo Fiaɖuƒe la anyi. * (Luka 21:24) Le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe la, ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi aʋa la fe ati le dziƒo, si na wonya Satana le dziƒo?\nNyaɖeɖefia 12:4 gblɔ be: \"Ʋɔ driba la yi edzi nɔ tsitre ɖe nyɔnu si ƒe vidziɣi ɖo la ŋkume, be ne edzi via la, ne yeatsɔe ami.\" Esia ɖee fia be Satana di be yeagblẽ Fiaɖuƒe si wodzi yeyee la dome kaba, le edziɣi ke ne anya wɔ. Togbɔ be Yehowa ƒe nudede nyawo me xe mɔ na Satana be mete ŋu kpɔ dzidzedze le eƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖi ma me o hã la, Satana gaɖoe kplikpaa nublanuimakpɔmakpɔtɔe be yeagblẽ Fiaɖuƒe yeye si woɖo anyi la dome. Esia tae \"Mixael kple eƒe dɔlawo\" megblẽ ɣeyiɣi kura o, wotso kaba henya \"ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo\" ɖa le dziƒo ale be woagawɔ vɔ̃ aɖeke Fiaɖuƒea o. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be Satana dzi ɖuɖu kple enyanya le dziƒo va eme ɣeyiɣi kpui aɖe le Fiaɖuƒea dzidzi le ƒe 1914 me megbe.\nNu bubu aɖe si ŋu wòle be míabue nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe tsitretsitsi. Ŋɔŋlɔawo na wòdze ƒãa be tsitretsitsi sia dze egɔme ɣeyiɣi kpui aɖe le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe. * (Nyaɖ. 20:6) Esi wònye be womegblɔ be Kristo nɔvi amesiaminawo dometɔ aɖe kpe ɖe Yesu ŋu wowɔ aʋa kple ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo o ta la, aʋa si wowɔ le dziƒo la kpakple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya le dziƒo anya wu enu hafi wote Kristo nɔviwo fɔfɔ ɖe tsitre.\nEya ta Biblia megblɔ ɣeyiɣi si tututu wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo o. Ke hã, edze ƒãa be nudzɔdzɔ sia va eme le Yesu Kristo ɖoɖo fia le ƒe 1914 me megbe teti ko.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20090515\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-10-02T23:48:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233511023.76\/warc\/CC-MAIN-20231002232712-20231003022712-00476.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980074763,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980074763298035}","num_words":390,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.249,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Julien Amegandjin (wodzi le Dame 2, 1940 le Togoville) nye Togotɔ agbalẽnyalagã. Exɔ eƒe sukudede le Togo kple France, eye wòsrɔ̃ akɔntabubu kple akɔntabubu le Paris Yunivɛsiti. Enye nufiala gbã le France, eye le ƒe 1970-awo me la, enye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Institut de Formation et de Recherche Demographiques (Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Ŋuti Hehenaƒe Kple Numekuku Dɔwɔƒe) ƒe dɔdzikpɔla le Yaounde, Cameroon. Le ƒe 1986 me la, ezã ƒe ɖeka tsɔ dzra eƒe agbalẽ si nye Démographie mathématique, si va zu nusrɔ̃gbalẽ vevi aɖe na amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti nusrɔ̃viwo tso ɣemaɣi. Tso ɣemaɣi la, etsɔ eɖokui na le Ɣetoɖoƒe Afrika koŋ, ɖe agbledede ŋuti akɔntabubuwo wɔwɔ ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Julien_Amegandjin","date":"2023-09-22T01:48:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506320.28\/warc\/CC-MAIN-20230922002008-20230922032008-00645.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989184141,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989184141159058}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.333,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Agbemeŋutinya\nLɛta Kpui Aɖe Si Trɔ Nye Agbe\nABE ALESI IRENE HOCHSTENBACH GBLƆE ENE\nBraɖa fiẽ aɖe, le ƒe 1972 mee wòdzɔ. Mexɔ ƒe 16 eye mekplɔ dzinyelawo ɖo yi subɔsubɔha aɖe ƒe kpekpe aɖe me le Eindhoven, si nye dugã le Brabant-nuto me, le Netherlands. Nyemevo le ɖokuinye me kura o, eye dzodzo le teƒea dzrom. Emegbe ɖetugbi eve tsɔ lɛta kpui aɖe de asi nam, si me nyawo xlẽ ale: \"Irene lɔlɔ̃tɔ, anye dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ŋuwò.\" Nyemenya kura be agbalẽ kakɛ ma gbɔna nye agbe trɔ ge o. Gake hafi magblɔ nusi va dzɔ emegbe na mi la, mina maƒo nu tso ɖokuinye ŋu na mi gbã.\nW ODZIM le Belitung-ƒukpo dzi, le Indonesia. Megaɖoa ŋku anyigba xɔdzo ma dzi gbeɖiɖi aɖewo dzi—deʋaya siwo me ya ɖo ƒe ɖiɖi, tɔsisi aɖe si tsɔ ɖe mía gbɔ la ƒe sisi blewuu, ɖevi siwo le fefem le míaƒe aƒe godo la ƒe nukoko, kpakple ha siwo woƒona mesena le míaƒe aƒea me. Le ƒe 1960 me, esime mexɔ ƒe ene la, míaƒe ƒomea ʋu le Indonesia yi Netherlands. Melie míeɖo le mɔ legbe sia zɔzɔ me, eye gbeɖiɖi si koŋ dzi meɖoa ŋkui enye esi ɖina le fefenu aɖe si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si metsɔ ɖe asi—si nye ametikpakpɛ aɖe si lé asiʋui ɖe asi le ƒoƒom. Esi mexɔ ƒe adre la, dɔléle aɖe na nye to ku, eye tso ɣemaɣi la, nyemegate ŋu sea naneke ƒe ɖiɖi le teƒe si míele o. Esiawo koe nye gbeɖiɖi siwo dzi megaɖoa ŋkui.\nTokunɔ si Nɔ Tsitsim\nLe dzinyelawo ƒe beléle nam lɔlɔ̃tɔe ta la, nyemenya nusi tututu tokunɔnyenye nye le gɔmedzedzea me o. Esi menye ɖevi ta la, mesusuna gɔ̃ hã be nusemɔ̃ gã si le tome namla nye dzidzɔdonu aɖe ƒomevi, togbɔ be mekpe ɖe ŋunye boo ale o hã. Ne nutoa me viwo di be yewoagblɔ nya aɖe nam la, ɖe wotsɔa akalo ŋlɔa nya sia nya ɖe gli ŋu, eye meɖoa wo ŋu na wo, togbɔ be nye ŋutɔ nyemesea nye nuƒo o hã.\nEsi metsi vie la, meva nya be meto vovo tso amesiwo dome mele la gbɔ. Mekpɔnɛ dzea sii hã be ame aɖewo ɖua fewu le ŋunye le nye tokukua ta, eye bubuwo hã melɔ̃na be made ha kpli yewo o. Meva senɛ le ɖokuinye me be metsi akogo. Meva te nusi tokunɔnyenye fia gɔmesese, eye zi alesi menɔ tsitsim ɖe edzii la, zi nenemae vɔvɔ̃ ɖoam le nusela siwo dome mele la ŋu.\nBe mate ŋu ade tokunɔwo ƒe suku tɔxɛ aɖe la, dzinyelawo na míaƒe ƒome bliboa ʋu tso kɔƒe aɖe si le Limburg-nutoa me yi Eindhoven-dugãa me. Fofonye di dɔ le afima, eye wode tsɛnye kple daanyewo suku bubu. Medaa akpe ɖe tɔtrɔ siwo katã wowɔ le tanye la ta. Le suku la, wofiam be matrɔ asi le nye gbeɖiɖi ŋu ahaƒo nu eme nakɔ wu. Eye togbɔ be nufialawo medo tokunɔgbe nam o hã la, nye sukuxɔmehatiwo fia edodom.\nNyemenya Nusiwo Yia Edzi Ƒo Xlãm O\nEsi menɔ tsitsim la, dzinyelawo dze agbagba vevie be yewoaɖo dze kplim, gake nu geɖe nɔ anyi siwo gɔme nyemesena o. Le kpɔɖeŋu me, nyemenya be Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple dzinyelawo o. Gake meɖo ŋku edzi be gbeɖeka la, míaƒe ƒomea yi teƒe aɖe, afisi ame geɖewo nɔ zikpuiwo dzi le. Wo katã nɔ ŋgɔgbe kpɔm, woƒoa asikpe ɣeaɖewoɣi, wotsia tsitre ganɔa anyi—gake nyemenya nusitae amesiawo nɔ numawo katã wɔm ɖo o. Emegbe kurae meva nya be Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe mee menɔ. Dzinyelawo kplɔam yia akpata sue aɖe hã mee le Eindhoven-dugãa me. Mevona le ɖokuinye me le afima, elabena amesiame kɔa mo na ame eye edze abe dzi dzɔa dzinyelawo ene, gake nyemenya nusita míeyia teƒe ma ɣesiaɣi o. Fifia menya be akpata sue ma nye Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata.\nNublanuitɔe la, ame aɖeke menɔa kpekpe siawo me si ɖea nyawo gɔme nam o. Fifia meva de dzesii be amesiwo nɔ kpekpeawo me la dina be yewoakpe ɖe ŋunye hafi, gake womenya alesi woaƒo nu kple tokunɔ o. Mesena le ɖokuinye me be metsi akogo le kpekpe siawo me, eye wòdzroam be 'manɔ suku tsɔ wu teƒe sia.' Gake esi susu mawo nɔ tame vam nam ko la, ɖetugbi eve ŋlɔ nya aɖe ɖe pepa kakɛ aɖe dzi hetsɔ nam. Eyae nye lɛta kpui si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me. Nyemebu kura be pepa kakɛ sia anye xɔlɔ̃wɔwɔ xɔasi aɖe si aɖem tso nye akogotsitsi me la ƒe gɔmedzedze o.\nXɔlɔ̃wɔwɔ Xɔasi aɖe Gɔmedzedze\nColette kple Hermine, amesiwo ŋlɔ nua tsɔ nam la nɔ woƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze me. Emegbe meva nya be ɖe wova Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me meyina la me be yewoanye gbesiagbe mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Togbɔ be Colette kple Hermine menya tokunɔgbe dodo boo o hã la, medzea agbagba léa ŋku ɖe woƒe nuyi ŋu ne wole nu ƒom nam, eye to mɔ sia dzi la, míete ŋu sea mía nɔewo gɔme nyuie.\nDzi dzɔ dzinyelawo esi Colette kple Hermine bia be yewoasrɔ̃ Biblia kplim, gake ɖetugbivi siawo wɔ nu geɖe wu ema. Wodze agbagba vevie be yewoaɖe kpekpe siwo míewɔna le Fiaɖuƒe Akpataa me la gɔme nam eye be yewoahem ɖe nɔvi bubuwo ŋu le hamea me. WotoaBiblia me ɖaseɖinya siwo mazã le ɖaseɖiɖidɔa me la me kplim, eye wokpena ɖe ŋunye le nye Teokrasi Subɔsubɔ Suku dɔdasiwo dzadzraɖo me. Wò ya bu eŋu kpɔ ko be fifia la, dzi nɔa ƒonye metɔna ɖe amesiwo menye tokunɔwo o la ŋgɔ ƒoa nuƒo!\nGawu la, Colette kple Hermine na mese le ɖokuinye me be mate ŋu aka ɖe yewo dzi. Wogbɔa dzi ɖi nam eye woɖoa tom. Togbɔ be nye vodadawo ɖia kokoe míekona hã la, womeɖea alɔme le ŋunye gbeɖe o; eye wo ŋu nɔnɔ mekpea ŋu na wo o. Wodzea agbagba be yewoase nye seselelãmewo gɔme hewɔa nu kplim abe wo hati ene. Nyɔnuvi nyodɔme siawo na nu nyui aɖem—eyae nye woƒe lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ.\nVevietɔ wu la, Colette kple Hermine fiam be ele be manya míaƒe Mawu, Yehowa, be enye xɔlɔ̃ si dzi mate ŋu aka ɖo. Woɖe nu me nam be Yehowa kpɔ be menɔ anyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me eye be enya nusi me tom mele abe tokunɔ ene. Aleke gbegbe medaa akpee nye si be lɔlɔ̃ si le mí ame etɔ̃a si na Yehowa na míeva zu xɔlɔ̃wo! Yehowa ƒe beléle nam ʋãm, eye lɔlɔ̃ si le menye nɛ na metsɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me wɔ nye adzɔgbeɖeɖe nɛ ƒe kpɔɖeŋu le July 1975 me.\nZɔzɔ Kple Xɔlɔ̃ Tɔxɛ Aɖe\nLe ƒe siwo kplɔe ɖo me la, meva nya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ geɖewo. Nɔviŋutsu aɖe va zu xɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe nam, eye míeɖe srɔ̃ le ƒe 1980 me. Ema megbe kpuie la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye le ƒe 1994 me la, wotia mía kple srɔ̃nye, Harry, be míanye mɔɖela veviwo le nuto si me wodoa Netherlands Tokunɔgbe le me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, dɔdasi sesẽ aɖe dze ŋgɔm. Ele be makpe ɖe srɔ̃nye, si menye tokunɔ o ŋu, le hamewo sasrãkpɔ le nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ƒe dɔ wɔwɔ me.\nAlesi menɔ te ɖe enui enye si. Ne míeyi hame aɖe srã ge kpɔ zi gbãtɔ la, metena ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu enumake heɖea ɖokuinye fiaa wo. Megblɔna na wo be tokunɔe menye hebiana tso wo si be ne wole nu ƒom nam la, woakpɔ gbɔnye ahaƒo nu blewuu. Medzea agbagba hã be maɖo nya ŋu kaba le hamea ƒe kpekpewo me. Eye mebiana ne ame aɖe alɔ̃ be yeaɖe nyawo gɔme nam le kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa ma me.\nMɔnu sia de dzinye ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, nɔvinye ŋutsu kple nyɔnuawo ŋlɔna be be tokunɔe menye, si nana be nu ɖikokoewodzɔna. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna nam be ne yewokpɔm mele zɔzɔm le dua me la, yewokua yewoƒe ʋuwo ƒe kpẽ be yewoado gbe nam, gake mezia kpi. Nye ŋutɔ hã meŋlɔa ɖokuinye be ɣeaɖewoɣi—abe ne medi be mado dalĩ aɖe na srɔ̃nye ene. Ne mekpɔe be eƒe mo trɔ kpata la, menyana be nye \"dalĩdodoa\" nu sẽ akpa.\nÐeviwo kpe ɖe ŋunye le mɔ si nyemekpɔ mɔ na o nu. Le hame aɖe si míesrã kpɔ zi gbãtɔ me la, ŋutsuvi ƒe asieke vi aɖe de dzesii be ame aɖewo siwo le Fiaɖuƒe Akpataa me hena ɖe megbe vie le nuƒoƒo nam ŋu, eye wòɖoe be yeawɔ nane tso eŋu. Ezɔ va gbɔnye, lé nye alɔnu, kplɔm yi Fiaɖuƒe Akpataa titina, hedo ɣli be, \"Medi be maɖe Irene fia mi—tokunɔe wònye!\" Amesiwo nɔ xɔa me la te ɖe ŋunye heɖe wo ɖokui fiam.\nEsi menɔ srɔ̃nye ŋu le nutome sue dɔa me la, xɔlɔ̃ geɖe va ɖo asinye. Aleke gbegbe nye agbe trɔe egbea tso ƒe siwo me mese le ɖokuinye me be metsi akogo gbɔe enye si! Tso fiẽsi ma, si Colette kple Hermine tsɔ agbalẽ kakɛ ma de asinye la, meva nya ŋusẽ si gbegbe le xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu eye medo go amesiwo va nye ame tɔxɛwo nam. Ƒo wo katã ta la, meva nya Yehowa, amesi nye Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake. (Romatɔwo 8:38, 39) Aleke gbegbe agbalẽ kakɛ ma trɔ nye agbee nye si!\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nMeɖoa ŋku nye fefenu tɔxɛ la ƒe gbeɖiɖi dzi\n[Nɔnɔmetata si le axa 25]\nMía kple srɔ̃nye Harry, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20030101\/L%C9%9Bta-Kpui-A%C9%96e-Si-Tr%C9%94-Nye-Agbe\/","date":"2023-09-27T04:49:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510259.52\/warc\/CC-MAIN-20230927035329-20230927065329-00507.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994577765,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994577765464783}","num_words":1547,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃ Kpɔ Yame Ða! ƑOE Xlẽ ŋutinya sia na viwò eye mikpɔ nɔnɔmetata nyakpɔ siawo ɖekae. Wɔ Eƒe Kɔpi Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Wowɔ Wò Nukutɔe! Wɔ nusɔsrɔ̃ sia ƒe kɔpi eye nàtae, eye nazãe atsɔ akpe ɖe viwò ŋu wòakpɔ nu si gbegbe Yehowa Mawu wɔ na mí. NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Gblɔ Be: \"Akpe!\" Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu woasrɔ̃ ale si woakpɔe be ele vevie be yewoada akpe ne wona nu yewo tso woƒe ɖevime ke. NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Hebrivi Etɔ̃awo Kpe ɖe viwò ŋu wòanya nu si tae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na fiaa ƒe legba o. Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo Kpɔ Yame Ða! NYE BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO Kpɔ Yame Ða! Eʋegbe Kpɔ Yame Ða! https:\/\/cms-imgp.jw-cdn.org\/img\/p\/502014186\/univ\/art\/502014186_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/kp%C9%94-yame-%C9%96a\/","date":"2023-12-09T02:07:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100781.60\/warc\/CC-MAIN-20231209004202-20231209034202-00796.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9939329028,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9939329028129578}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.13,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.187,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔɖi 1. Anyigbaʋuʋuwo\n'Anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ.'—LUKA 21:11.\n● Wohe Winnie, si xɔ ƒe ɖeka ɣleti ene ko la do goe tso gli gbagbãwo te le Haiti. Television dɔwɔla siwo nɔ nyatakaka nam tso anyigbaʋuʋu si dzɔ le afi ma ŋu lae se eŋkɔ wònɔ ŋeŋem le gli gbagbãwo te. Etsi agbe, gake edzilawo ya tsi eme.\nNU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Anyigbaʋuʋu gã si dzɔ le Haiti le January 2010, si ƒe dzidze nye 7.0 la wu ame 300,000 kple edzivɔ. Ena ame 1,300,000 kple edzivɔwo zu aƒemanɔsitɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Togbɔ be anyigbaʋuʋu si dzɔ le Haiti la nu sẽ ŋutɔ hã la, menye numadzɔkpɔe wònye o. Tso April 2009 va se ɖe April 2010 dome la, anyigbaʋuʋu gã 18 ya teti dzɔ le xexea ƒe teƒeteƒewo.\nNUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Anyigbaʋuʋuwo mele dzɔdzɔm fifia wu tsã o; ɖeko egbegbe mɔɖaŋununya wɔe be míele anyigbaʋuʋuwo ŋu nya sem wu blematɔwo.\nÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Biblia ƒo nu tso anyigbaʋuʋuwo ƒe dzɔdzɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu la, menye woƒe agbɔsɔsɔ dzie wòte gbe ɖo o, ke woƒe sesẽme dzi boŋue. Ke hã, egblɔ be 'anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ le teƒeteƒewo,' si anye nudzɔdzɔ siwo aɖe dzesi le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la dometɔ ɖeka.—Marko 13:8; Luka 21:11.\nNU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe anyigbaʋuʋu gãwo le dzɔdzɔm vavã abe ale si Biblia gblɔe ɖi enea?\nÐewohĩ anyigbaʋuʋu siwo le dzɔdzɔm la ɖeɖe manye kpeɖodzi sẽŋu be ŋkeke mamlɛawo mee míele o. Gake enye nyagblɔɖi siwo le eme vam fifia la dometɔ ɖeka. Na míakpɔ bubu ɖa.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]\n\"Mí [anyigbaŋutinunyalawo] míeyɔa wo be anyigbaʋuʋu gãwo. Ame bubuwo yɔa wo be anyigbaʋuʋu dziŋɔwo.\"—KEN HUDNUT, ANYIGBAŊUTINUNYALAWO ƑE NUMEKUHA SI LE AMERIKA ME TƆ.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]\n© William Daniels\/Panos Pictures","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Nyagbl%C9%94%C9%96i-1-Anyigba%CA%8Bu%CA%8Buwo\/","date":"2023-12-01T06:11:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100276.12\/warc\/CC-MAIN-20231201053039-20231201083039-00276.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990101457,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990101456642151}","num_words":295,"character_repetition_ratio":0.085,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.227,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Kristotɔnyenye\" ƒe Tɔtrɔ—Ðe Wòdze Mawu Ŋua?\nTSƆE be yede dɔ asi na nutala aɖe be wòawɔ yeƒe nɔnɔmetata. Esi wòwu enu la, dzi dzɔ wò; nutataa ɖi wò pɛpɛpɛ. Èkpɔe le susu me be nutataa anye dada na ye viwo, tɔgbui kple mama yɔviwòwo, kple woƒe tɔgbui kple mama yɔviwo ne wova le ekpɔm.\nGake le dzidzime aɖewo megbe la, wò dzidzimeviwo dometɔ ɖeka se le eɖokui me be alesi wò ta bebe le nutataa me menya kpɔ o, eyata ena wota ɖa ɖe afima. Alesi ŋɔtia le la medzɔ dzi na bubu o, eyata ena wotrɔe. Dzidzimevi siwo kplɔe ɖo hã na wowɔ \"tɔtrɔ\" bubuwo ale be mlɔeba nutata la megava ɖi wò o. Ne ènya be nusia ava dzɔ la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be àdo dziku ŋutɔ.\nNublanuitɔe la, nutata sia ƒe ŋutinya sɔ kple sɔlemeha siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la tɔ. Ŋutinya ɖee fia be le Kristo ƒe apostolowo ƒe ku megbe teti la, tɔtrɔwo dze alesi wonya \"Kristotɔnyenye\" la me vava, abe alesi tututu Biblia gblɔe ɖi ene.—Mateo 13:24-30, 37-43; Dɔwɔwɔwo 20:30. *\nLe nyateƒe me la, esɔ be woawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le nuto kple dzidzime vovovo me. Gake be woatrɔ Biblia ƒe nufiafiawo bene woasɔ ɖe amewo ƒe nukpɔsusu nu ya nye nya bubu kura. Gake ema tututue dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu tɔtrɔ siwo wowɔ le akpa vevi vovovo aɖewo ŋu kpɔ.\nSɔlemeha la Wɔ Ðeka Kple Dziɖuɖu\nYesu fia nu be yeƒe dziɖulanyenye, alo Fiaɖuƒe, nye esi tso dziƒo si ava tsrɔ̃ amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã le ɣeyiɣi si sɔ me eye wòaɖu anyigba bliboa katã dzi. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Maɖu dzi to amegbetɔ ƒe dunyahedziɖuɖuwo dzi o. Yesu gblɔ be: \"Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.\" (Yohanes 17:16; 18:36) Eyata togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye sedziwɔlawo hã la, womeƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o.\nGake le Roma Fiagã Konstantino ŋɔli le ƒe alafa enelia me la, amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la dometɔ geɖe megava nɔ dzi gbɔm ɖi na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi o. Ʋɛʋɛʋɛ la, woƒe nɔnɔme ɖe dunyahehe ŋu va trɔ. Agbalẽ si nye Europe—A History, gblɔ be: \"Do ŋgɔ na Konstantino ƒe dziɖuɖu la, Kristotɔwo meʋlia ho be woada yewo ɖe [dunyaheheɖoƒe] be yewoato edzi akpɔ yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ o. Le Konstantino megbe la, Kristotɔnyenye kple dunyahehe va wɔ ɖeka.\" Kristotɔnyenye sia si ŋu wotrɔ asi le la va zu \"xexeame katã\" alo \"katoliko\" subɔsubɔha si dzi woda asi ɖo le Roma Fiaƒuƒea me.\nNumekugbalẽ aɖe si nye Great Ages of Man Mateo 23:9, 10; 28:19, 20) Ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells ŋlɔ nu tso \"vovototo ɖedzesi si nɔ\" ƒe alafa enelia me Kristotɔnyenye \"kple Yesu Nazaretetɔ la ƒe nufiafiawo dome\" ŋu. \"Vovototo ɖedzesi\" siawo na gɔmedzenufiafia siwo ku ɖe Mawu kple Kristo ŋu gɔ̃ hã trɔ.gblɔ be le Sɔlemeha kple Dziɖuɖu ƒe ɖekawɔwɔ sia ta \"kaka ƒe 385 M. Ŋ. naɖo, si nye ƒe 80 ko le Kristotɔwo yometiti sesẽa megbe la, Sɔlemeha la ŋutɔ dze aglãdzelawo wuwu gɔme, eye ŋusẽ si eƒe osɔfowo va kpɔ la de sɔsɔ ge kple fiagãwo tɔ kloe.\" Aleae wòdzɔ enye si be wova te lãnu zazã tsɔ wu be woaɖe nu me na ame wòatrɔ dzime, eye osɔfo nɔƒegãdila siwo da ŋkɔwo ɖe wo ɖokuiwo dzi la va xɔ ɖe gbeƒãɖela fatu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la teƒe. (\nMawu Ðɔɖɔ Bubui\nKristo kple eƒe nusrɔ̃lawo fia nu be \"Mawu ɖeka, si nye Fofo,\" amesi ƒe ŋkɔ, Yehowa, na wòto vovo tso mawu bubuwo gbɔ, eye eƒe ŋkɔ dze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ siwo woŋlɔ kple asi me la koe li. (Korintotɔwo I, 8:6; Psalmo 83:19) Katolikotɔwo ƒe Douay Version Biblia gblɔ le Kolosetɔwo 1:15 be Mawue wɔ Yesu; eyae nye \"nuwɔwɔ ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbevi.\" Eyata esi Yesu nye nuwɔwɔ ta la, egblɔ anukwaretɔe be: 'Fofo la lolo wum.'—Yohanes 14:28.\nGake va ɖo ƒe alafa etɔ̃lia me la, subɔsubɔhakplɔla bubume siwo xɔ Hela xexemenunyala trɔ̃subɔla Plato ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia dzi se vevie la va te Mawu ɖɔɖɔ be wòasɔ ɖe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafiaa nu. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, nufiafia sia do Yesu ɖe dzi wòsɔ ta kple Yehowa eye wòwɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, la wòzu ame, nusiwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o.\nNew Catholic Encyclopedia gblɔ le alesi sɔlemeha la xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la wɔ etɔe ŋu be: \"Do ŋgɔ na ƒe alafa 4 lia ƒe nuwuwu la, nufiafia si nye 'Mawu ɖeka le Ame etɔ̃ me' la meli ke tututu o, le nyateƒe me la, womexɔe de Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple dzixɔsewo me keŋkeŋ o. Gake nufiafia siae nye gbãtɔ si tututu wotsɔ ŋkɔ na be Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo ƒe xɔsemeʋuʋu. Le Apostoloawo ŋɔli la, tamesusu alo nukpɔsusu ma tɔgbe aɖeke menɔ anyi si de sɔsɔ ge kplii gɔ̃ hã o.\"\nThe Encyclopedia Americana gblɔ nya sia tɔgbe ke be: \"Ƒe alafa enelia me Mawuɖekaetɔ̃nufiafia mefia nusi Kristotɔ gbãtɔwo fia tso Mawu ƒe nɔnɔme ŋu tututu o; ke boŋ enye nusi tra tso nufiafia sia gbɔ kura.\" The Oxford Companion to the Bible gblɔ le Mawuɖekaetɔ̃nufiafiaa ŋu be enye \"xɔsemeʋuʋu siwo woto vɛ emegbe\" dometɔ ɖeka. Ke hã menye Mawuɖekaetɔ̃ la koe nye trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia si woxɔ de sɔlemeha la ƒe nufiafiawo me o.\nAsitɔtrɔ Le Luʋɔa Ŋu\nEgbea ame akpa gãtɔ xɔe se be luʋɔ makumaku si dona le ŋutilã me ne eku la le amegbetɔwo si. Gake ènya be sɔlemeha ƒe nufiafia sia hã nye esi wotsɔ va kpee emegbea? Yesu ɖo kpe Biblia me nyateƒe si nye be ame kukuwo \"menya naneke o,\" be wole alɔ̃ dɔm le kpɔɖeŋumɔ nu la dzi. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11-13) Agbe agaɖo wo me to tsitretsitsia me—si nye 'tsotso ɖe tsitre ake' tso ku ƒe alɔ̃ me. (Yohanes 5:28, 29) Ne luʋɔ makumaku aɖe li la, ke tsitretsitsi mahiã o le esi makumakunyenye fia be ame meku o ta.\nYesu wɔ tsitretsitsi nufiafia si le Biblia me ƒe kpɔɖeŋu gɔ̃ hã esi wòfɔ amewo ɖe tsitre tso ku me. De ŋugble le Lazaro, amesi ku ŋkeke ene sɔŋ, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la, edo go tso kpetoa me wònye ame gbagbe si le gbɔgbɔm. Esi Lazaro nyɔ tso ku me la, luʋɔ makumaku aɖeke metrɔ tso dziƒonutowo me va ge ɖe eƒe ŋutilã me o. Nenye nenemae nyaa nɔ la, tsitre si Yesu na wòtsi tso ku me la manye nyui aɖeke wɔwɔ nɛ o!—Yohanes 11:39, 43, 44.\nEkema afikae luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la dzɔ tso? The Westminster Dictionary of Christian Theology gblɔ be nufiafia la \"do ƒome kple Hela xexemenunya wu nusiwo woɖe fia woŋlɔ ɖe Biblia me.\" The Jewish Encyclopedia ɖe eme be: \"Dzixɔse si li be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ŋutilãa ƒe ku megbe la nye xexemenunya alomawuŋununya me nususugblɔ ke menye xɔsenya vavã o, eyatae womegblɔ eŋu nya aɖeke hã le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o.\"\nZi geɖe la, alakpadada ɖeka na wogadaa bubu, eye aleae wòle le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la gome. Eʋu mɔ na nukpɔsusu si le trɔ̃subɔlawo si be wowɔa funyafunya ame tegbee le hell ƒe dzomavɔ me. * Gake Biblia ya gblɔe eme kɔ ƒã be \"nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku\"—menye funyafunyawɔwɔ ame tegbee o. (Romatɔwo 6:23) Eyata esi King James Version nɔ nu ƒom tso tsitretsitsia ŋu la, egblɔ be: \"Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.\" Nenema ke Douay Biblia hã gblɔ be \"atsiaƒu . . . kple ku kple hell ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go.\" Ẽ, ne míagblɔe kpuie la, amesiwo le hell la ku, 'wodɔ alɔ̃' abe alesi Yesu gblɔe ene.—Nyaɖeɖefia 20:13.\nÈka ɖe edzi vavã be funyafunyawɔwɔ amewo le hell tegbee ƒe nufiafia ma ahe amewo ɖe Mawu ŋua? Kura o. Le amesiwo lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ eye lɔlɔ̃ le wo si ƒe susu nu la, enye tamesusu si nyaa ame ɖa. Gake Biblia ya fia nu be 'Mawu nye lɔlɔ̃' eye be ŋutasesẽ le lãwo gɔ̃ hã ŋu medzɔa dzi nɛ o.—Yohanes I, 4:8; Lododowo 12:10; Yeremya 7:31; Yona 4:11.\n\"Nutata\" la Tɔtrɔ le Egbeŋkekewo Me\nMawu kple Kristotɔnyenye tɔtrɔ bubui gakpɔtɔ le edzi yim egbea. Mawusubɔsubɔfialagã aɖe ɖɔ nyaʋiʋli si le edzi yim le Protestant-ha si me wòle me be enye nyaʋiʋli le \"Ŋɔŋlɔawo kple subɔsubɔdzixɔsewo ƒe ŋusẽ kpakple amegbetɔ ƒe nukpɔsusu tramawo ƒe ŋusẽ ŋu, enye nyaʋiʋli le sɔlemeha la ƒe bubudede Kristo ƒe aƒetɔnyenye ŋu kple asidada ɖe tɔtrɔ siwo wova wɔ le Kristotɔnyenye me be wòasɔ ɖe egbe nɔnɔmewo nu dzi ŋuti. Nya si fɔ ɖe tee nye be: Amekae wòle be wòaɖo nusi sɔlemehaa awɔ . . . Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo loo alo nukpɔsusu si le tsia dzi yea?\"\nNublanuitɔe la, \"nukpɔsusu si le tsia dzi\" ɖua dzi zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, menye nya ɣaɣla o be sɔlemeha geɖe trɔ woƒe nukpɔsusu le nya vovovowo ŋu be yewoadze abe ɖe yewole ŋgɔ yim eye be yewomeléa nya ɖeka me kpaɖi o ene. Vevietɔ le agbenyuinɔnɔ nyawo me la, sɔlemeha la ɖe mɔ le nu ŋu ale gbegbe, abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene. Ke hã Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe gbɔdɔdɔ nye nuvɔ̃ gãwo le Mawu ŋkume eye be amesiwo le nuvɔ̃ siawo tɔgbe wɔm la 'manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.'—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Mateo 5:27-32; Romatɔwo 1:26, 27.\nEsime apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo dze le etame la, vɔ̃ɖinyenye ƒomevi vovovowo bɔ ɖe Hela kple Roma ƒe xexe si me wònɔ me. Paulo ate ŋu abu be: 'Ẽ, Mawu tsrɔ̃ Sodom kple Gomora le gbɔdɔdɔ ƒe nuvɔ̃ gãwo ta, gake ema dzɔ ƒe 2,000 enye si va yi! Mawɔ nenema le ɣeyiɣi sia si me amewo ƒe ŋkume kɔ me kura o.' Gake metsɔ nuwo tsɛ o; egbe be yematɔ tsi Biblia me nyateƒea o.—Galatiatɔwo 5:19-23.\nTrɔ Ðe \"Nutata\" Gbãtɔa Ŋu\nEsi Yesu nɔ nu ƒom na Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la, egblɔ be woƒe subɔsubɔ 'nye dzodzro le esi wole nufiafia siwo nye amewo ƒe sededewo fiam' ta. (Mateo 15:9) Nusi Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔwo wɔ Kristo ƒe nufiafia eye wogakpɔtɔ le wɔwɔm tututue subɔsubɔhakplɔla mawo wɔ Yehowa ƒe Se si wòde to Mose dzi—wotsɔ kɔnyinyiwo wɔ \"aŋɔ\" hlẽ ɖe Mawu ƒe nyateƒea dzi. Gake Yesu ya ɖe alakpanufiafiawo katã ɖa be wòaɖe vi na dzianukwaretɔwo. (Marko 7:7-13) Yesu gblɔ nyateƒea, woɖaxɔe alo womeɖaxɔe o. Mawu ƒe Nya la mee wòɖea eƒe nyawo tsonɛ ɣeawokatãɣi.—Yohanes 17:17.\nAleke Yesu to vovo tso ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la gbɔe nye si! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe ɖi be: \"Le alesi tome [afiẽ amewoe] nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye Timoteo II, 4:3, 4) 'Gli' siawo siwo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋuti míeƒo nu tsoe la gblẽa nu le gbɔgbɔ me, gake nyateƒe si le Mawu ƒe Nya me ya tua ame ɖo, eye wòkplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Esiae nye nyateƒe si ƒe dzi dem ƒo Yehowa Ðasefowo le na wò be nàdzro eme.—Yohanes 4:24; 8:32; 17:3.woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.\" (\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 4 Abe alesi Yesu ɖee fia le lu kple gbe wuwluiwo ƒe lododoa kpakple le mɔ gbadza kple mɔ xaxɛ ƒe kpɔɖeŋu siwo wòwɔ me ene la (Mateo 7:13, 14), ame ʋɛ aɖewo akpɔtɔ alé Kristotɔnyenye vavã me ɖe asi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Gake ame akpa gãtɔ siwo le abe gbewo ene eye woado wo ɖokuiwo kple woƒe nufiafiawo ɖe dzi be eyae ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ fia la avu atsyɔ wo dzi. Nɔnɔme sia ŋue míaƒe nyatia le nu ƒom tsoe.\n^ mm. 19 \"Hell\" nye Hebrigbe me nya Sheol kple Helagbe me nya Hades ƒe gɔmeɖeɖe, eye wo gɔme koe nye \"yɔdo.\" Eyata esi Eŋlisi gbegɔmeɖela siwo ɖe King James Version gɔme ɖe Sheol gɔme zi 31 be \"hell\" la, wogaɖe egɔme zi 31 be \"yɔdo\" eye zi 3 be \"do,\" eye woto esia dzi ɖee fia be nu ɖeka ma ke ko fiamee nyagbe siawo le.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata si le axa 7]\nAfisi Ŋkɔ Kristotɔ Dzɔ Tso\nLe ƒe ewo ya teti me le Yesu ƒe ku megbe la, wonya eyomedzelawo be wole subɔsubɔha si woyɔna be \"Mɔ La\" me. (Dɔwɔwɔwo 9:2; 19:9, 23; 22:4) Nukatae? Elabena wotu woƒe agbenɔnɔ ɖe Yesu Kristo, amesi nye \"mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la\" dzixɔxɔse dzi. (Yohanes 14:6) Emegbe le ƒe 44 M.Ŋ. megbe la, wova yɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo 'le Mawu ƒe mɔfiafia te be Kristotɔwo' le Siriatɔwo ƒe Antioxia. (Dɔwɔwɔwo 11:26) Eteƒe medidi hafi ŋkɔ sia va nɔ amesiame nu o eye dumegãwo gɔ̃ hã yɔnɛ. (Dɔwɔwɔwo 26:28) Ŋkɔ yeyea metrɔ naneke le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ si kpɔtɔ nye Kristo ƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃ ŋu o.—Petro I, 2:21.\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nYehowa Ðasefowo toa woƒe gaglãgbe subɔsubɔdɔa dzi hea amewo ƒe susu yia Mawu ƒe Nya, Biblia, dzii\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]\nEtɔ̃lia tso miame: United Nations\/Photo by Saw Lwin","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000601\/Kristot%C9%94nyenye-%C6%92e-T%C9%94tr%C9%94-%C3%90e-W%C3%B2dze-Mawu-%C5%8Aua\/","date":"2023-12-11T11:30:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679511159.96\/warc\/CC-MAIN-20231211112008-20231211142008-00154.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983930588,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983930587768555}","num_words":2117,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔwuame Nutsinu Dze Mɔ!\nÀBIA be 'dɔwuame ka tɔgbee?' Gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋuti dɔwuamee! Blema Hebri-nyagblɔɖila aɖe gblɔ dɔwuame sia ŋu nya ɖi be: \"Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.\" (Amos 8:11) Be woatsi gbɔgbɔmedɔwuamea nu la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, si le Patterson, New York, ƒe klass 112 lia me tɔ 48 la yina ɖe dukɔ 19 me le anyigbagã 5 kple ƒukpowo dzi.\nMenye lã kple bli ŋutɔŋutɔe wotsɔ yinae o, ke boŋ sidzedze, nuteƒekpɔkpɔ, kpakple hehexɔxɔe. Wokpɔ gome le Biblia-srɔ̃ɖoɖo deto si ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ ado ŋusẽ woƒe xɔse hena dutanyanyuigblɔdɔ wɔwɔ le dutanyigbawo dzi me ɣleti atɔ̃. Le March 9, 2002, dzi la, ame 5,554 siwo va sukunuwuwɔnaa teƒe la tsɔ dzidzɔ ɖo to se nyaawoe.\nStephen Lett, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ, lae ʋu wɔnaa nu dzonɔamemetɔe. Edo wòezɔ na amedzro gbogbo siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovo va la etɔxɛe. Emegbe etsɔ Yesu ƒe nya siwo nye \"Miawoe nye xexeame ƒe kekeli\" la sɔ kple dutanyanyuigblɔla yeyeawo ƒe dɔ. (Mateo 5:14) Eɖe eme be: 'Le miaƒe dɔdasiawo me la, miana Yehowa ƒe dɔ wɔnukuwo ƒe akpa vovovoawo \"naklẽ,\" si ana dzianukwaretɔwo nakpɔ Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ƒe nyonyo adze sii.' Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔlaawo be woazã Mawu ƒe Nya ƒe akaɖia atsɔ aɖe alakpanufiafiawo ƒe viviti la ɖe goe ahafia mɔ nyateƒedilawo.\nNɔnɔme Nyui Hiã Hena Dzidzedzekpɔkpɔ\nLe zimenɔlaa ƒe ŋdɔdonyawo megbe la, Baltasar Perla, si nye United States Alɔdzedɔwɔƒea ƒe Kɔmiti me tɔ, ƒo nuƒo vovovo siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ akpe ɖe sukunuwulaawo ŋu be woakpɔ dzidzedze le dutanyanyuigblɔdɔa me la ƒe gbãtɔ. Eƒo nuƒo si ƒe tanyae nye \"Sẽ Ŋu eye Nàlé Dzi Ðe Ƒo Awɔ Nu.\" (Kronika I, 28:20) Wode dɔ sesẽ aɖe si blema Israel-fia Salomo mewɔ kpɔ o la asi nɛ be wòawɔ—si nye be wòatu gbedoxɔ ɖe Yerusalem. Salomo wɔ dɔa nyateƒe, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wotu gbedoxɔa. Nɔviŋutsu Perla tsɔ nusɔsrɔ̃ si le eme sɔ kple nɔnɔme si me klass la le hegblɔ be: 'Wode dɔ yeye aɖe si nye dutanyanyuigbɔgblɔ asi na mi, eye ehiã be mialé dzi ɖe ƒo ahasẽ ŋu.' Kakaɖedzinya si nye be zi alesi sukuviawo le Yehowa ŋu kplikplikpli ko la, maɖe asi le wo ŋu alo agblẽ wo ɖi o la fa akɔ na wo ŋutɔ. Nɔviŋutsu Perla gblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe tsɔ ƒo nuƒoa tae, si wɔ dɔ ɖe nyaselawo dzi ŋutɔ: 'Nu nyui geɖe ate ŋu ato mi dutanyanyuigblɔlawo dzi adzɔ. Dutanyanyuigblɔlawoe tsɔ nyateƒea vɛ na mía kple dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu!'\nDziɖuha la me tɔ bubu si nye Samuel Herd ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye \"Kpɔ Yehowa Sinu be Nàkpɔ Dzidzedze.\" Ðeko sukuviawo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme dzemee nye ma, eye woa kple Yehowa dome ƒomedodo koŋ dzie woƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖo. Nɔviŋutsu Herd xlɔ̃ nu wo be: 'Biblia me sidzedze geɖe su mia si to nusiwo miesrɔ̃ le Gilead la me. Mienɔ wo xɔm kple dzidzɔ geɖe. Ke azɔ la, mieyina egɔme dze ge anɔ nusiwo miesrɔ̃ la tsɔm na amewo hafi akpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ.' (Dɔwɔwɔwo 20:35) Mɔnukpɔkpɔ geɖe asu dutanyanyuigblɔlaawo si be woawɔ esia ne 'wotsɔ wo ɖokui na' ɖe ame bubuwo ta.—Filipitɔwo 2:17.\nKaklã nuxlɔ̃amenya kae le nufialaawo si na sukuviawo? Mark Noumair tu eƒe nyatia ɖe Rut 3:18 dzi be, \"Gbɔ Dzi Ði Vaseɖe Esime Nànya Alesi Nya la Ava Nɔ!\" Nuƒolaa zã Naomi kple Rut ƒe kpɔɖeŋu tsɔ de dzi ƒoe na sukunuwulaawo be woaka ɖe Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe ɖoɖowo dzi bliboe ahade bubu teokrasiŋusẽ ŋu. Nɔviŋutsu Noumair gblɔ nya aɖe si wɔ dɔ ɖe sukuviawo ƒe dzi dzi: 'Ɣeaɖewoɣi miase nusita wowɔ nyametsotso aɖe si lɔ mi ɖe eme la gɔme o alo miase le mia ɖokui me vevie be ele be woawɔ nane le mɔ bubu aɖe nu. Nukae miawɔ? Ðe miatsi dzi axɔ nyaa aƒu akɔ alo ɖe 'miagbɔ dzi ɖi,' aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu, ahaka ɖe edzi be ana nyaa nava yi nyuie mlɔebaa?' (Romatɔwo 8:28) Ðikekemanɔmee la, aɖaŋu si woɖo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be 'woƒe susu nanɔ Fiaɖuƒenuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu ahanɔ ŋku lém ɖe nusi wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le ŋu tsɔ wu ŋkuléle ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu' la aɖe vi na wo ŋutɔ le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.\nWallace Liverance, amesi ŋutɔ hã nye dutanyanyuigblɔla si nye Gilead-nufiala fifia lae ƒo gɔmedzenuƒoawo ƒe mamlɛtɔ. Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye \"Minɔ Ŋute, Minɔ Mawu ƒe Subɔsubɔdɔa Me.\" Eɖee fia be nyagblɔɖila Daniel kpɔe dze sii le Babilon ƒe anyidzedze kple nya si Yeremya gblɔ ɖi me be Israel-viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso aboyo me gogo. (Yeremya 25:11; Daniel 9:2) Daniel ƒe susu nɔ Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo ŋu eye emae kpe ɖe eŋu eƒe susu nɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava ŋu. Gake Israel-vi siwo nɔ anyi le nyagblɔɖila Xagai ŋɔli ya gblɔ be: 'Azã la meɖo edzi haɖe o.' (Xagai 1:2) Woƒe susu dzo le ɣeyiɣi si me wonɔ dzi, heva nɔ nusiwo woawɔ be ŋutilãmenuwo nasu wo si eye woƒe dzi nadze eme la yome heɖe asi le dɔ si ta woɖe wo le Babilon kluvinyenye me, si nye gbedoxɔa gbugbɔgatu la ŋu. Nɔviŋutsu Liverance ƒo nuƒoa ta be: \"Eyata minɔ ŋute to Yehowa ƒe tameɖoɖo léle ɖe susu me ɣesiaɣi me.\"\nGilead-nufiala Lawrence Bowen kpɔ akpa si ƒe tanyae nye \"Yehowa Yraa Amesiwo Zãa Agbenya La\" dzi. (Hebritɔwo 4:12) Akpa sia ku ɖe sukuviawo ƒe gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo ŋu, hete gbe ɖe alesi Yehowa yraa amesiwo zãa Biblia le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia mee la dzi. Akpa sia dzikpɔlaa ɖee fia be Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu-subɔlawo katã: 'Yesu te ŋu gblɔ anukwareɖiɖitɔe be yeƒe nufiafia menye ye tɔ o, ke boŋ Mawu ƒe Nya mee wotso.' Dzianukwaretɔwo kpɔ nyateƒea dze sii hexɔe nyuie. (Yohanes 7:16, 17) Nenema wògale egbea hã.\nGilead Hehexɔxɔ Naa Wosua Te Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ\nEyome, Richard Abrahamson kple Patrick LaFranca, amesiwo nye Betel-ƒomea me tɔwo ƒe geɖe la, bia gbe Gilead-sukunuwula ade siwo le subɔsubɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa vovovowo fifia la. Ede dzi ƒo na klass 112 lia nuwulawo esi wose be togbɔ be ame ade mawo wu Gilead Suku nu ƒe geɖewo va yi hã la, woyi edzi gazãa nusiwo wosrɔ̃ le sukua, siwo ku ɖe Biblia ŋuti nusɔsrɔ̃, numekukuwɔwɔ, kpakple anyinɔnɔ kple ame nɔewo le ŋutifafa me ŋu la kokoko, metsɔ le eme be dɔdasi vovovowo wɔmee wole fifia o.\nTheodore Jaracz, si nye Dziɖuhaa me tɔ lae ƒo wɔnaa me nuƒo vevitɔa. Eƒe tanyae nye \"Nusi Míete Ŋu Wɔ to Tenɔnɔ Ðe Satana ƒe Fuléle Nu Me.\" Le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me la, sukuviawo nɔ afisi teokrasiɖoɖo si me lɔlɔ̃ le wɔa dɔ le. Gake abe alesi woɖee fia le woƒe nusɔsrɔ̃wo me le sukuxɔ me ene la, míele xexe si me fuléle le me. Woho ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le xexeame katã. (Mateo 24:9) Nɔviŋutsu Jaracz zã Biblia me nudzɔdzɔ geɖe tsɔ ɖee fia be 'míenye amesiwo Abosam tɔ ŋkui vevie. Ele be míado ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo bena ŋusẽ nanɔ mía ŋu míakpe akɔ kple dodokpɔawo.' (Hiob 1:8; Daniel 6:4; Yohanes 15:20; Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Nɔviŋutsu Jaracz ƒo nuƒoa ta be togbɔ be fuléle Mawu ƒe amewo kpɔtɔ le edzi yim hã la, 'lãnu sia lãnu si wotu ɖe mía ŋu madze edzi o, abe alesi Yesaya 54:17 gblɔe ene. Yehowa aɖe mí godoo le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple mɔ dzi.'\nÐikeke mele eme o be Gilead Sukua ƒe klass 112 lia nuwulawo 'su te bliboe' awɔ dɔ geɖe le dukɔ siwo me woasubɔ le la ƒe gbɔgbɔmedɔwuame nutsitsi ŋu. (Timoteo II, 3:16, 17) Míele mɔ kpɔm vevie na alesi woatsɔ gbedasi siwo me nunyiame le la ayi na amewo le dukɔ siawo me la ŋuti nyatakakawo.\n[Aɖaka si le axa 23]\nSUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA\nDukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6\nDukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 19\nSukuviawo ƒe xexlẽme: 48\nƑe si woxɔ le mama dedie nu: 33.2\nƑe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 15.7\nƔeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 12.2\n[Nɔnɔmetata si le axa 24]\nGbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 112 lia Nuwulawo\nÐoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.\n(1) Parotte, M.; Hooker, E.; Anaya, R.; Reynolds, J.; Gesualdi, K.; Gonzalez, J. (2) Robinson, C.; Phillips, B.; Maidment, K.; Moore, I.; Noakes, J.; Barnett, S. (3) Stires, T.; Palmer, B.; Yang, C.; Groothuis, S.; Groppe, T.; Bach, C. (4) Anaya, R.; Soukoreff, E.; Stewart, K.; Simozrag, N.; Simottel, C.; Bach, E. (5) Stewart, R.; Yang, H.; Gilfeather, A.; Harris, R.; Barnett, D.; Parotte, S. (6) Maidment, A.; Moore, J.; Groothuis, C.; Gilfeather, C.; Noakes, S.; Stires, T. (7) Gesualdi, D.; Groppe, T.; Soukoreff, B.; Palmer, G.; Phillips, N.; Simottel, J. (8) Harris, S.; Hooker, P.; Gonzalez, J.; Simozrag, D.; Reynolds, D.; Robinson, M.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020615\/D%C9%94wuame-Nutsinu-Dze-M%C9%94\/","date":"2023-12-03T23:01:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100518.73\/warc\/CC-MAIN-20231203225036-20231204015036-00672.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986441731,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986441731452942}","num_words":1480,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.245,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 15, 2003 Ðe Nàte Ŋu Axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Asea? Àte Ŋu axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Ase 'Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Pɛpɛpɛ' Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Trɔe \"Aleke Gbegbee Mawu Ƒe Nya Sẽa Ŋui Enye Si!\" Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Xɔse Na Barak Ðu Aʋakɔ Sẽŋu Aɖe dzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20031115\/","date":"2023-12-01T19:30:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100304.52\/warc\/CC-MAIN-20231201183432-20231201213432-00126.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985657334,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985657334327698}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 15, 2000 Nusitae Ameƒomea Hiã Nyaxɔɖeakɔla Alesi Yesu Kristo Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋui 'O Mawu, Ðo Wò Kekeli Ða' Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee Ðokuibɔbɔ Nɔnɔme Si Doa Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Nuƒoƒo tso Kristotɔwo ƒe Mɔkpɔkpɔa Ŋu le Senegal","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000315\/","date":"2023-12-11T23:03:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679518883.99\/warc\/CC-MAIN-20231211210408-20231212000408-00634.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990261793,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990261793136597}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.201,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 15, 2006 Ðe Míate Ŋu Anya Mawu Nyateƒea? Sidzedze Mawu Aleke Wòanya Wɔe? Keke Ðe Gbɔgbɔme-kesinɔnuwo Ŋu le Guinea Yudatɔwo ƒe Kɔnutsilele Eya Dzie Wotu Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðoa? Roma-mɔdodowo Nusiwo Wotsɔna Ðoa Ŋku Blemaɖaŋudɔwo Dzii Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me Ðe Wò Xɔse Fia To Alesi Nènɔa Agbee Me Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20061015\/","date":"2023-12-08T23:35:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100779.51\/warc\/CC-MAIN-20231208212357-20231209002357-00488.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982069135,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982069134712219}","num_words":66,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.2,"stopwords_ratio":0.167,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃\n'Atsiaƒuwo me Kesinɔnu Gbogboawo'\nYA ƑONA miɔɔ le ƒu dzi ne ɣe ɖo to eye ƒutsotsoewo sina blewu va kɔna ɖe ƒuta. Ƒutsotsoewo ƒe hoowɔwɔ fadziname la naa ame gbogbo aɖewo lɔna yia ƒuta hena ɖiɖiɖeme kple tomefafa. *\nƑuta siwo ƒe didime nye kilometa akpe geɖe lae le ƒuwo ta le xexeame godoo. Ƒuta siawo siwo ma kenyigba kple tsi dome lae nye afisi atsiaƒu ƒe ŋusẽ se ɖo. Nenemae Wɔla la ɖoe be wòanɔ. Mawu ƒo nu tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu gblɔ be \"[yetsɔ] ke do liƒo na atsiaƒu.\" Egblɔ kpee be: \"Ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.\"—Yeremya 5:22; Hiob 38:8; Psalmo 33:7.\nTsi mexɔ ɣletinyigba bubu aɖeke dzi alea gbegbe abe alesi wòxɔ mía tɔa dzi ene o. Anyigbaa ƒe teƒe 70 le alafa me nye tsi. Esi Yehowa nɔ anyigbaa dzram ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi la, ede se be: \"Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze. Eye wòva eme nenema.\" Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: \"Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpɔ bena enyo.\" (Mose I, 1:9, 10) Nukae atsiaƒuwo ƒe anyinɔnɔ na míete ŋu wɔna?\nWowɔ atsiaƒu me tsi le mɔ wɔnuku aɖewo nu be wòalé agbe ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, tsi te ŋu léa dzoxɔxɔ dana ɖi. Eyata ɖeko atsiaƒuwo le abe dzoxɔxɔ léɖiƒe gã aɖewo ene, eye woléa vuvɔŋɔli me ya siwo fana miamiamia la nu.\nTsi agate ŋu alé agbe ɖe te le mɔ bubu nu. To vovo na tsinu bubu ɖesiaɖe la, ate ŋu ana nuwo nalólo bɔbɔe. Esi wònye nuwo ƒe tɔtrɔ azu nu bubuwoe na agbemenuwo le anyi ta la, tsi ƒe anyinɔnɔ hiã ale be wòate ŋu alólo nusiwo atrɔ la ale be woatrɔ nuwo ƒe akpa vevitɔ kekeakewo woazu nu bubu siwo míate ŋu azã. Tsi le nugbagbewo ƒe lãmekawo me ŋutinu geɖewo me. Agbalẽ si nye Sea (Atsiaƒu) gblɔ be: \"Nugbagbe ɖesiaɖe hiã tsi—eye atsiaƒu me koŋue wòate ŋu atso, na numiemie kple lã siwo le kenyigba dzi gɔ̃ hã.\"\nAtsiaƒu siwo le anyigba dzi la wɔa akpa vevi aɖe le nana be yame nanɔ dzadzɛ me. Nu gbagbe suesuesue siwo le atsiaƒuwo me la noa ya aɖe si woyɔna be carbon dioxide (dioxyde de carbone) heɖea ya si léa agbe ɖe te si nye oxygen (oxygène) doa goe. Numekula aɖe gblɔ be \"oxygen si va kpena ɖe esi le ya me ŋu ƒe sia ƒe la ƒe agbɔsɔsɔ 70 le alafa me tsoa nugbagbe suesuesue siwo le atsiaƒu me la gbɔ.\"\nWoate ŋu akpɔ atike siwo woatsɔ ada dɔlélewoe hã le atsiaƒu me. Ƒe alafa geɖe enye esia la, wole nanewo siwo woɖena le tɔmelãwo me la zãm abe atike ene. Cod-liver oil (huile de foie de morue) li ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Nyitsɔ laa la, wova le atikemenu aɖewo siwo woɖe le tɔmelã kple nu bubu siwo le atsiaƒu me me la zãm tsɔ le gbɔxi kple dɔlékuiwo kpakple kansadɔ dam.\nWole agbagba dzem be woakpɔe ɖa be viɖe agbɔsɔsɔme ka gbegbee míekpɔna tsoa atsiaƒuwo gbɔ hã. Togbɔ be womekpɔ nyataƒonya Mose V, 33:19.aɖeke si sɔ haɖe o hã, numekulawo susui be viɖe siwo dona tsoa nugbagbewo kple nɔƒe siwo wole me la ƒe akpa eve kloe le etɔ̃ ɖesiaɖe me tso atsiaƒuwo me. Esia ɖo kpe nyateƒenya sia dzi be tameɖoɖo aɖe tae wowɔ atsiaƒuwo ɖo—be woana agbe nanya anɔ ahalée ɖe te. Aleke gbegbe esia sɔ ɖe nusi Biblia yɔ be 'atsiaƒuwo me kesinɔnu gbogboawo' nu enye esi!—\nYehowae woakafu be eyae nye kesinɔnu sia ƒe Aɖaŋudela kple Wɔla. Esia ʋã Nexemya wotsɔ nya siwo gbɔna kafui, be: \"Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo . . . kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã.\"—Nexemya 9:6.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 3 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah's Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2004) September\/October.\n[Aɖaka\/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]\nTsi, Ya, Kple Ƒutsotsoewo\nTsi kple ya wɔe be ƒutsotsoe gã siwo ƒe sisi ɖina hoo la va kɔna ɖe agakpewo tame, abe esiawo siwo le California, le United States ene. Ƒutsotsoewo nye atsiaƒuwo ƒe akpa vevi aɖe si wɔa nuku na ame, heɖea atsiaƒu ƒe ŋusẽ fiana. Wogana míeɖoa ŋku Wɔla la ƒe ŋusẽ gã wɔnuku la dzi. Yehowae nye amesi 'zɔa ƒutsotsoe gãwo dzi.' \"Eƒe ŋusẽ nana ƒu dzea agbo, eye wògbãa ƒu me lãtsu gudugudu le eƒe nunya nu.\" (Hiob 9:8; 26:12) Nyateƒee, \"Yehowa kako le dziƒo wu tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ.\"—Psalmo 93:4.\nKe Siwo Le abe Nutatawo Ene\nƔeaɖewoɣi la, ke siwo ƒe nɔnɔme ɖi nutatawo la nɔa ƒuta, abe kekpo siwo kpɔm nèle le afisia siwo le Namibia, si le anyiehe Afrika, ƒe ƒuta ene. Ya ƒe ƒoƒoe lɔna kewo wodzena nutatawo. Togbɔ be ɖeko kekpo aɖewo anɔ sue hã la, bubuwo ya ƒe kɔkɔme dena meta 400. Ke gbogbo siawo kpena ɖe mía ŋu míesena Biblia me nya si nye \"ƒutake\" gɔme. Wozãnae tsɔ fiana nusi womate ŋu axlẽ o, nusi womate ŋu adzidze o. (Mose I, 22:17) Dzidzi ƒoa mí ne míede ŋugble tso Wɔla la ŋuti, amesi wɔ aɖaŋu wɔnuku sia gbegbe, be wòtsɔ ke ɖo seɖoƒe na atsiaƒu dzeagbo la.\n[Nɔnɔmetata si le axa 9]\nBiafra Ƒukɔme si le Cameroon ƒe ƒuta si dzi ɣe ɖo to ɖo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040915\/Atsia%C6%92uwo-me-Kesin%C9%94nu-Gbogboawo\/","date":"2023-12-04T15:37:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100531.77\/warc\/CC-MAIN-20231204151108-20231204181108-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990214109,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990214109420776}","num_words":880,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.237,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nLe Tsiɖɔɖɔa megbe la, ahɔ̃ne aɖe si nu Noa ʋu nu le le aɖakaʋua me ɖo ɖe gota la trɔ gbɔ kple \"amitiɖɔmee.\" Afikae ahɔ̃ne la kpɔ atiɖɔmee la le?\nBiblia gblɔ na mí be \"tsia do agbogbo ɖe anyigba dzi ŋutɔŋutɔ heɖe to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la.\" (Mose I, 7:19) Esi tsia mie va ɖo afi aɖe la, Noa ɖe asi le ahɔ̃ne aɖe ŋu ɖo ɖe gota zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka ɖesiaɖe megbe. Zi evelia la, ahɔ̃ne la trɔ gbɔ 'helé amitiɖɔmee ɖe nu, azɔ Noa dze sii bena, tsia mie le anyigba dzi.'—Mose I, 8:8-11.\nFifia la, enye nyateƒe be mɔ aɖeke meli si dzi míato anya ɣeyiɣi ƒe didime si tsiɖɔɖɔa nɔ anyigba ƒe akpa aɖe koŋ o, elabena ɖikeke mele eme o be Tsiɖɔɖɔa trɔ anyigba ƒe nɔnɔme kuraa. Gake, anɔ eme be tsia ɖɔ ɖe nyigba ƒe teƒe geɖe ɣeyiɣi didi aɖe si wɔe be ati geɖewo ku. Ke hã, anye be ɖewo meku keŋkeŋ o, si wɔe be wodze alɔ yeyewo esi tsia mie.\nThe New Bible Dictionary gblɔ tso amitia ŋu be: \"Ne wolãe la, takpoa gbugbɔ dzena alɔ yeyewo, ete ŋu dzena alɔ atɔ̃ kura gɔ̃ hã. Zi geɖe la, amiti siwo de kuku ge hã dzea alɔ alea.\" The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge gblɔ be: \"Ðeko wòdze abe ɖe womate ŋu atsrɔ̃ amiti la keŋkeŋ o ene.\" Amegbetɔ aɖeke meli egbea si nya dze agbɔsɔsɔ me si nɔ tsiɖɔɖɔa me kple alesi eƒe fafa alo dzoxɔxɔ nɔ tututu o. Le esia ta míate ŋu agblɔ ŋusẽ si tɔgbe tsiɖɔɖɔa kpɔ ɖe amitiwo kpakple numiemie bubuwo dzi kple kakaɖedzi o.\nGake amiti siwo miena le wo ɖokui si, abe esiwo nɔa to kɔkɔwo dzi ya mete ŋu tsia agbe le teƒe siwo yame nutowo me fa le o. Zi geɖe la, wotsina nyuie le anyigba ƒe teƒe siwo ɖi abu, abe meta 1,000 ene, si nyea teƒe si yame xɔa dzo wu Celsius 10 le zi geɖe. Agbalẽ si nye The Flood Reconsidered gblɔ be: \"Susu sia tae Noa te ŋu kpɔ atiɖɔme fẽ si ahɔ̃ne la da vɛ eye wòƒo nya ta be tsia mie vɔ le baliawo me ɖo.\" Kwasiɖa ɖeka va yi si ahɔ̃ne si ŋu Noa ɖe asi le ɖo ɖe gota metrɔ gbɔ o, si ɖee fia be ekpɔ numiemie geɖe siwo wòaɖu kple teƒe si wòanɔ.—Mose I, 8:12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040215\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-12-01T23:02:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100308.37\/warc\/CC-MAIN-20231201215122-20231202005122-00532.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987936616,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987936615943909}","num_words":399,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyagblɔɖi 5. Wole Anyigba La Gblẽm\n\"[Mawu ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.\"—NYAÐEÐEFIA 11:18.\n● Aƒetɔ Pirri nye ahakpala le Kpor, Nigeria. Tomemi gbogbo si ɖuɖu ɖe Niger Tɔsisia me la na eƒe dɔwɔɖuia gblẽ. Egblɔ be: \"Ele míaƒe tɔmelãwo tsrɔ̃m, ele nu gblẽm le míaƒe ŋutigbalẽ ŋu, eye wòle míaƒe tɔsisiwo dome gblẽm. Nyemeganya dɔwɔɖui si nu manɔ agbe ɖo o.\"\nNU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Le numekulawo ƒe nya nu la, gbeɖuɖɔ tɔn miliɔn 6 kple afã sɔŋ ye wokɔna ɖe atsiaƒu me ƒe sia ƒe. Wokpɔe be gbeɖuɖɔ siawo katã ƒe afã nye aŋenu siwo axɔ ƒe alafa geɖe hafi anyunyɔ keŋkeŋ. Menye ɖeko amegbetɔwo le ɖi ƒom míaƒe anyigba la ko o, wole edzinuwo hã dome gblẽm eteƒe mekɔ o. Numekukuwo ɖee fia be axɔ ƒe ɖeka ɣleti atɔ̃ hafi anyigba ŋutɔ nagbugbɔ aɖɔ eɖokui ɖo be wòate ŋu awɔ nuɖuɖu si amegbetɔwo hiãna le ƒe ɖeka me. Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: \"Ne amewo le dzidzim ɖe edzi hele nuɖuɖu zãm alea la, ke kaka ƒe 2035 naɖo la, míahiã anyigba sia ƒe teƒe eve hafi agbea nanya nɔ.\"—Sydney Morning Herald.\nNUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Ŋutete le amegbetɔwo si be woalé be na anyigba dzi nuwo. Míate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ ahakpɔ anyigba la ta.\nÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔ siwo tsɔ ɖe le nya sia me vevie la kɔa to dzi na amewo tso afɔku siwo ado tso bemalémalé na anyigbaa me ŋu. Ke hã, ɖeko amewo yi edzi le ɖi ƒom anyigbaa geɖe wu.\nNU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe wòhiã be Mawu nava xɔ na míaƒe anyigba la abe ale si wòdo ŋugbee enea?\nTsɔ kpe ɖe nyagblɔɖi atɔ̃ siwo me míedzro ŋu la, Biblia gblɔ nu nyui aɖewo siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me la hã ŋu nya ɖi. Na míakpɔ wo dometɔ ɖeka ɖa le nyagblɔɖi adelia me.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]\n\"Ðeko wòle abe paradiso mee menɔ tsã eye fifia wòtrɔ zu aɖukpo si dzi wotsɔa aɖi wuame ƒua gbe ɖo ene.\"—ERIN TAMBER, SI LE GULF COAST LE UNITED STATES, SI FA KONYI TSO AMI SI ÐUÐU ÐE ATSIAƑU ME LE MEXICO ƑUKƆME LE ƑE 2010 ME LA ME TSONUWO ŊU.\n[Aɖaka si le axa 8]\nMawu Gbɔe Wòtsoa?\nEsi Biblia gblɔ nu gbegblẽ siwo le dzɔdzɔm egbea la ɖi ta la, ɖe ema fia be Mawu gbɔe wòtso be nu siawo le dzɔdzɔma? Mawue na míele fu kpema? Àte ŋu akpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 11 lia me.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]\nU.S. Coast Guard photo","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/Nyagbl%C9%94%C9%96i-5-Wole-Anyigba-La-Gbl%E1%BA%BDm\/","date":"2024-03-04T11:58:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947476442.30\/warc\/CC-MAIN-20240304101406-20240304131406-00263.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984030128,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998403012752533}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Trɔ DivMagic ƒe emetsonu ƒe atsyã.\nTiatia ene li: Tailwind CSS, Inline CSS, External CSS, Local CSS\nAsixɔxɔ Gbãtɔ: Inline CSS\nEsiae nye tiatia si wowɔna le gɔmedzedzea me. Dodoɖeŋgɔ ƒe kɔda la azã Tailwind CSS ƒe klasswo.\nTiatia sia awɔ kɔda la kple inline CSS styles.\nTiatiaawo katã naa emetsonu ɖeka, le nɔnɔme vovovowo me ko. Tiatia la nye tɔwò.\n© 2024 DivMagic, Inc. Gomenɔamesiwo katã le esi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.divmagic.com\/ee\/docs\/settings\/style-format","date":"2024-02-22T10:51:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473738.92\/warc\/CC-MAIN-20240222093910-20240222123910-00433.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984281063,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984281063079834}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.036,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MediaWiki nye nuwɔwɔ aduadu kple nuŋlɔɖi ƒe mɔnu si nuto si me dzo le tsɔ vɛ na wò.\nMediaWiki kɔmpiuta dɔwɔɖoɖoa nye esi nyatakakadzraɖoƒe akpe ewo kple dɔwɔƒe kple habɔbɔ akpe geɖe zãna. Enaa ŋusẽ Wikipedia kple nyatakakadzraɖoƒe sia hã. MediaWiki kpena ɖe ŋuwò be nàƒo sidzedze nu ƒu ahaɖo wo ɖe ɖoɖo nu eye wòana amewo nasu wo si. Ŋusẽ le eŋu, gbegbɔgblɔ geɖe, femaxee eye wòʋu, woate ŋu akeke ɖe enu, woate ŋu atrɔ asi le eŋu, kakaɖedzi le eŋu, eye femaxee. Kpɔ nu geɖe kple ne MediaWiki sɔ na wò.\nÐo MediaWiki eye nàwɔe\nTrɔ asi le MediaWiki ŋu eye nàzãe\nDi kpekpeɖeŋu eye nàdzɔ nu\n- Mète ŋu kpɔ kuxi aɖe ƒe ŋuɖoɖo le MediaWiki ŋu oa? Bia kpekpeɖeŋudɔwɔƒe!\n- Get involved abe gbegɔmeɖela, aɖaŋuwɔla, nuŋlɔɖiwo ŋlɔla, dodokpɔwɔla, mɔ̃ɖaŋununya ƒe amedɔdɔ, alo dɔwɔla ene\n- Ka nya ta tso kɔmpiutadziɖoɖo ƒe nuwɔna gbegblẽ alo nɔnɔme aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.mediawiki.org\/wiki\/Template:Main_page\/ee","date":"2024-02-26T19:16:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474661.10\/warc\/CC-MAIN-20240226162136-20240226192136-00743.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986671209,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986671209335327}","num_words":150,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 1 2021 | Ðe Wòhiã Be Nàdo Gbe Ða?\nÐe wòwɔ na wò kpɔ be ne yedo gbe ɖa na Mawu la, mesenɛ oa? Ne èse le ɖokuiwò me alea kpɔ la, ke menye wò ɖeka koe o. Ame geɖe do gbe ɖa na Mawu tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ, gake kuxiawo gakpɔtɔ li. Le nyati siwo gbɔna me la, míakpɔ nu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo, nu siwo tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o, kple ale si nàdo gbe ɖa be Mawu nasee.\nÐe gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ aɖe tso Mawu gbɔa, alo kɔnu dzro aɖe koe wònye?\nBiblia ka ɖe edzi na mí be ne míedo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nu la, esenɛ.\nBiblia na míekpɔ gbedodoɖa siwo tɔgbi ŋu Mawu ɖona kple esiwo tɔgbi ŋu meɖona o.\nDo gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi, le afi sia afi. Àte ŋu ado gbe ɖa le ta me alo adoe ɖa wòaɖi. Yesu fia nu siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa tsoe la gɔ̃ hã mí.\nAleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle kuxiwo me tom?\nBiblia gblɔ be ne èdo gbe ɖa na Mawu la, esenɛ eye edi be yeakpe ɖe ŋuwò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2021-jan-feb\/","date":"2024-04-19T02:05:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817253.5\/warc\/CC-MAIN-20240419013002-20240419043002-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9921874404,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9921874403953552}","num_words":206,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.16,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Srɔ̃ ale si nàzã jw.org ƒe ŋudɔwɔnuwo. Zɔ ɖe mɔfiame vovovoawo dzi ne woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàʋu dɔwɔnu sia me nu vovovowo, nàdi nuwo eye nàwɔ nuwo ƒe kɔpi hã. Kpɔ nyabiase siwo ku ɖe jw.org ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo.\nZã míaƒe dɔwɔnu sia si wɔa dɔ le asitelefon kple tablɛtwo dzi nàtsɔ awɔ tokunɔgbe me Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe kɔpi, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu alo aƒo wo.\nNu geɖewo le gbesɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu sia dzi siwo woate ŋu atsɔ aɖe gbeƒã na gbegbɔgblɔ geɖe dolawo. Nu siwo le edzi la dometɔ aɖewoe nye gbesɔsrɔ̃ ƒe taflowo, degbemenya siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi, nyawo ƒe roma-ŋɔŋlɔdzesiwo me tɔwo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/","date":"2017-10-20T11:44:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-43\/segments\/1508187824068.35\/warc\/CC-MAIN-20171020101632-20171020121632-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986302853,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986302852630615}","num_words":112,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.21,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nBIBLIA ME ŊUTINYAWO ƑE NƆNƆMETATA\nSrɔ̃ nu tso Adam kple Xawa, ame siwo tso nya me ɖokuitɔdiditɔe eye wòle nu gblẽm le ame sia ame ŋu egbea la ŋu. Xlẽ ŋutinyawo ƒe nɔnɔmetata sia le internet dzi alo nàta eƒe PDF.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/biblia-me-%C5%8Butinyawo-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94metata\/adam-kple-xawa-va-zu-%C9%96okuit%C9%94dilawo\/","date":"2017-12-11T03:40:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948512121.15\/warc\/CC-MAIN-20171211033436-20171211053436-00535.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983966351,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998396635055542}","num_words":50,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽviwo Maria Wɔ bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi ne nàsrɔ̃ nu tso Maria ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo See All Fia Saul Ƒe Biblia Gbalẽvi Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. See All Ɖoe Ɖe Amewo Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Maria Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Maria Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502013175\/univ\/art\/502013175_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/maria\/","date":"2017-12-17T14:54:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948596051.82\/warc\/CC-MAIN-20171217132751-20171217154751-00329.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989318848,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998931884765625}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.14,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.162,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu xɔasi siwo nàte ŋu adi dometɔ ɖekae nye nunya vavãtɔ. Yehowa ɖeka gbɔ koe wòtsona. Le akpa sia míava kpɔ alesi gbegbe Yehowa Mawu, amesi ŋu nuteƒewɔla Hiob gblɔ le be \"dzi nyanu le esi\" la, ƒe nunya me goglo eye wòkeke tae la adze sii nyuie wu.—Hiob 9:4.\nLE AKPA SIA\nTA 17\nNu ka tae míagblɔ be Mawu ƒe nunya de ŋgɔ boo wu eƒe sidzedze kura gɔ̃ hã?\nTA 18\nNu ka tae Mawu zã amegbetɔwo woŋlɔ Biblia le esi eteƒe be wòazaɔlawo woaŋlɔe alo eya ŋutɔ naŋlɔe?\nTA 19\nNu kae nye nya ɣaɣla kɔkɔe si Mawu na wònɔ ɣaɣla, gake wòna mi\nTA 20\nAleke woate ŋu adzɔe be xexea me katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã nabɔbɔ eɖokui?\nTA 21\nAleke Yesu ƒe nufiafiawo na asrafo siwo wodɔ be wòaɖalé vɛ la trɔ asiƒuƒlu?\nTA 22\nBiblia gblɔ nu vevi ene siwo ana Mawu ƒe nunya asiwò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/te-%C9%96e-yehowa-%C5%8Bu\/nunya\/","date":"2017-12-14T08:50:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948542031.37\/warc\/CC-MAIN-20171214074533-20171214094533-00545.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9982762933,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9982762932777405}","num_words":145,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Aleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee?\nEsime Satana da alakpa gbãtɔe vɔ̃ɖinyenye dze egɔme le anyigba dzi. Mawudɔla debliboe Satana nye le gɔmedzedzea me, gake \"meli ke ɖe nyateƒe la me o.\" (Yohanes 8:44) Edi be woatsɔ tadedeagu si Mawu ɖeɖe ko dze na la na ye. Satana ble nyɔnu gbãtɔ Xawa nu wòɖo toe le esi teƒe be wòaɖo to Mawu. Adam wɔ ɖeka kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu. Adam ƒe nuwɔna sia he fukpekpe kple ku vae.\nEsi Satana doe ɖe Xawa gbɔ be wòagbe toɖoɖo Mawu la, tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye alo eƒe ɖoƒe abe Dziƒoʋĩtɔ la ene ŋu gɔmee ma wòdze. Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple Satana, eye wogbe be Mawu naganye yewoƒe Dziɖula o. Ale wɔ Satana va zu \"xexea dzi ɖula.\"\n2. Ðe kpɔtsɔtsɔ nɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋua?\n3. Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li va se ɖe fifia?\nYehowa ɖe mɔ ɖe aglãdzedze ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. Nu ka tae? Be wòaɖee afia be dziɖuɖu si me Mawu ƒe asi mele o la maɖe vi na amewo o. (Nyagblɔla 7:29; 8:9) Nu siwo dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ƒe 6,000 aɖewoe nye esi la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu ɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple dɔléle ɖa o.\nMawu ƒe dziɖuɖu hea viɖe geɖe vanae na ame siwo le eƒe akpa dzi, ke mele nenema le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ya gome o. (Yesaya 48:17, 18) Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa. Ame siwo abɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la koe anɔ anyigba dzi.—Yesaya 11:9.\n4. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si le Mawu ƒe dzigbɔɖi ta?\nSatana gblɔ be amegbetɔ aɖeke maɖo to Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe o. Àdi be yeaɖee afia be alakpae eƒe nya ma nyea? Àte ŋui! Mawu ƒe dzigbɔɖia na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia nenye be míedi Mawu ƒe dziɖuɖu loo alo amegbetɔwo tɔ. Ale si míenɔa agbee ye aɖe ame si dzi míele la afia.\n5. Aleke míatiae be Mawu nanye míaƒe Dziɖula?\nMíate ŋu atiae be Mawu nanye míaƒe Dziɖula ne míedi tadedeagu vavãtɔ ƒe mɔ eye míenɔ agbe ɖe eƒe mɔfiame siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi la nu. (Yohanes 4:23) Míate ŋu aɖee afia be míedi kura be Satana nanye míaƒe dziɖula o ne míeƒo asa na dunyahehe kple aʋawɔwɔ, abe ale si Yesu wɔe ene.\nSatana zãa eƒe ŋusẽa tsɔ doa agbe gbegblẽ nɔnɔ kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu ɖe ŋgɔ. Ne míeƒo asa na nuwɔna mawo la, ɖewohĩ mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo aɖu fewu le mía ŋu alo woatsi tsitre ɖe mía ŋu. (1 Petro 4:3, 4) Gake ehiã be míawɔ nyametsotso. Ðe míade ha kple ame siwo lɔ̃ Mawua? Ðe míaɖo to eƒe se siwo me nunya kple lɔlɔ̃ le la? Ne míewɔ esiawo la, míaɖee afia be Satana ka aʋatso esi wògblɔ be ame aɖeke maɖo to Mawu ƒe sedede ne edziwɔwɔ sesẽ o.\nMawu ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea na kakaɖedzi mí be vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe nu ayi. Ame siwo ɖenɛ fiana be yewoxɔ nya sia dzi se la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nya-nyui-si-tso-mawu-gb%C9%94\/nu-ka-tae-mawu-%C9%96e-m%C9%94-v%C9%94%CC%83%C9%96inyenye-kple-fukpekpe-li-%C9%96o\/","date":"2017-12-17T20:19:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948597485.94\/warc\/CC-MAIN-20171217191117-20171217213117-00523.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971077442,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997107744216919}","num_words":518,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wo dometɔ aɖeke metea ŋu doa Yudagbe o.—Neh. 13:24.\nNe míesea Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie o le esi míeɖu tu na dutagbea o ta la, esia ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu. Le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Nehemiya de dzesii be Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon la dometɔ aɖewo ƒe viwo mese Hebrigbea o, eye esia ɖe fu nɛ vevie. Esi ɖevi mawo metea ŋu sea Mawu ƒe Nyaa gɔme o ta la, ƒomedodo si nɔ woa kple Mawu kple eƒe dukɔ tiatiaa dome la me gbɔdzɔ. (Neh. 8:2, 8) Dzila Kristotɔ siwo le subɔsubɔm le duta la dometɔ aɖewo va kpɔe be dzo si nɔ yewo viwo me ɖe nyateƒea ŋu tsã la va nɔ tsitsim. Nu ka gbɔe wòtso? Ne míexlẽ nane le dutagbe me la, ɖewohĩ mawɔ dɔ ɖe mía dzi abe ale si wòanɔ ne míexlẽe le mía degbe me ene o. Azɔ hã, ne míetea ŋu doa gbea nyuie o la, esia ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu ale gbegbe be míava gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Eya ta, esi míele agbagba dzem be dzo si le mía me be míasubɔ le duta nagatsi o la, ele vevie hã be míakpɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ta.—Mat. 4:4. w16.10 2:4-6\nXɔse nye . . . kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ.—Heb. 11:1.\nNɔnɔme xɔasi aɖee Kristotɔwo ƒe xɔse nye. Menye amewo katã sie wòle o. (2 Tes. 3:2) Ke hã, Yehowa naa \"xɔse ƒe dzidze\" aɖe esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe. (Rom. 12:3; Gal. 5:22) Ele be ame siwo katã si xɔse le la nada akpe ɖe eta. Yesu Kristo gblɔ be ye Fofo si le dziƒo la hea amewo ɖe eɖokui ŋu to Vi la dzi. (Yoh. 6:44, 65) Ne amewo xɔ Yesu dzi se la, esia wɔnɛ be Mawu tsɔa woƒe nu vɔ̃wo kea wo. Esia hã ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woava nɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa tegbee. (Rom. 6:23) Ðe míedze na yayra wɔnuku sia? Esi míenye nu vɔ̃ wɔlawo ta la, ku koe míedze na. (Ps. 103:10) Ke hã, Yehowa kpɔe be ŋutetea le mía ŋu be míawɔ nu si le eteƒe. Le eƒe amenuveve geɖea ta la, eʋu míaƒe dziwo be míaxɔ nya nyuia. Esia wɔe be míeva xɔ Yesu dzi se hele mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee.—1 Yoh. 4:9, 10. w16.10 4:1, 2\n[Paulo de] dzi ƒo na ame siwo le afi ma kple nya geɖewo.—Dɔw. 20:2.\nApostolo Paulo ŋlɔ nu nyuiwo tso ehati Kristotɔwo ŋu le eƒe lɛtawo me. Ewɔ dɔ kple wo dometɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe geɖe eye kakaɖedzitɔe la, enya woƒe vodadawo, gake eƒo nu nyui tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ tso Timoteo ŋu be 'enye ye vi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me,' ame si akpɔ Kristotɔ bubuwo ƒe nyawo gbɔ ale si dze. (1 Kor. 4:17; Flp. 2:19, 20) Apostoloa kafu Tito le agbalẽ si wòŋlɔ na Korinto hamea me esi wògblɔ tso eŋu be yeƒe \"zɔhɛ kple hadɔwɔlae wònye le [woƒe] nyonyo ta.\" (2 Kor. 8:23) Aleke gbegbee dzi anya ɖo Timoteo kple Tito ƒo ye nye esi esime wova se nya siwo Paulo ŋlɔ tso wo ŋu la! Paulo kple Barnaba de woƒe agbe afɔku me hetrɔ yi teƒe siwo amewo de wo wu ge kloe le. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be zazɛ̃nyahelawo tsi tsitre ɖe wo ŋu esime wonɔ Listra hã, wotrɔ yi du ma me kple susu be yewoade dzi ƒo na nusrɔ̃la yeyewo be woayi edzi anɔ xɔse la me. (Dɔw. 14:19-22) Le Efeso la, ameha aɖe si do adã vevie la tsi tsitre ɖe Paulo ŋu, ke hã Paulo yi edzi de dzi ƒo na nusrɔ̃la siwo le afi ma.—Dɔw. 20:1. w16.11 1:10, 11","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2018-01-20T06:46:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889473.61\/warc\/CC-MAIN-20180120063253-20180120083253-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958615303,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958615303039551}","num_words":603,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.285,"stopwords_ratio":0.247,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ESI nyɔnu aɖe do ɖe eƒe ʋɔtru nu ŋdi kanya la, ekpɔ nu bablɛ aɖe le eƒe xɔmɔnu. Etsɔe, tsa ŋku, gake mekpɔ ame aɖeke le mɔa dzi o. Ame aɖee anya dae ɖi le zã me. Eʋu nu bablɛa vie hekpɔ nu si le eme, eye wòwɔ kaba ge ɖe xɔa me hedo ʋɔa. Esia mewɔ nuku o, elabena Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nu dziɖuɖua de se ɖo ye le eme! Etsɔ nu bablɛa ɖo akɔta, eye wòdo gbe kpui aɖe ɖa heda akpe na Yehowa ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasi sia ta.\nNu siawo tɔgbi dzɔ zi geɖe le Germany le ƒe 1930-awo me. Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le dukɔa ƒe akpa gãtɔ tso esime Nazitɔwo dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1933 me. Nɔviŋutsu Richard Rudolph, * si xɔ wu ƒe 100 fifia la gblɔ be: \"Míeka ɖe edzi bliboe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ na gbeƒãɖeɖe tso Yehowa kple eƒe ŋkɔa ŋu o. Biblia-srɔ̃gbalẽwoe nye nu vevi siwo kpena ɖe mía ŋu le míaƒe nusɔsrɔ̃ kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake agbalẽawo kpɔkpɔ va sesẽ le esi woɖo asi dɔa dzi ta. Míenya ale si míayi dɔa dzii o.\" Eteƒe medidi o, Richard lɔ̃ be yeana kpekpeɖeŋu le hiahiã sia gbɔ kpɔkpɔ me le mɔ wɔnuku aɖe nu. Woawɔ dɔ vevi sia le towo ƒe vɔvɔli te.—Ʋɔn. 9:36.\nDEGBÃLAWO ƑE MƆWO\nNe èzɔ tɔdzimɔ heɖo ta Elbe (alo, Labe) tɔsisia ƒe dzɔƒe lɔƒo la, àva ke ɖe To Gã Nyadriawo (Krkonoše) ŋu. To siawoe ɖe liƒo na Czeck Rebuplic kple Poland egbea. Togbɔ be toawo ƒe kɔkɔme nye meta 1,600 aɖewo ko hã la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Artik-nyigba fafɛ dzi ƒukpo le Europa titina. Sno dzana ɖe togbaka sia tame wòkɔkɔna dea meta 3 eye wòxɔa toawo tame ɣleti ade sɔŋ le ƒea me. Yame ƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna kpata, eye ame siwo mebua eŋu vevie o la tea ŋu va kpɔa wo ɖokui le afu alo ahũ babla kɔtɔɔ me le toawo tame.\nƑe alafa geɖee nye esia si togbaka sia zu dzɔdzɔmeliƒo le nutowo, fiaɖuƒewo kple dukɔwo dome. Esi wòsesẽna na kpovitɔwo be woatsa le toawo dzi ta la, enye afi si nutoa me tɔ geɖe tsɔa adzɔnuwo gbãa de tonae tsã. Le ƒe 1930-awo me, esime To Gã Nyadriawo nye liƒo le Czechoslovakia kple Germany dome la, Ðasefo dovevienuwo dze degbãlawo ƒe mɔ xoxoawo dzi toto gɔme. Kple susu ka? Be woatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ xɔasiwo tso teƒe siwo wobɔ ɖo ato afi ma ayi afi si wohiã vevie le. Ðekakpui Richard hã nɔ Ðasefo siawo dome.\n\"TODZITSAÐIÐI\" SIWO ME AFƆKU LE\nRichard gblɔ be: \"Le kwasiɖanuwuwuwo la, míemana ɖe ƒuƒoƒo siwo me ɖekakpui adre alo esiwo wu nenema le me eye míedzrana ɖo abe ame siwo ɖia tsa le towo dzi ene heɖoa ta tonutoawo me. Ne míedze mɔ tso toa ƒe akpa si le Germany la, exɔna abe gaƒoƒo etɔ̃ ene hafi míeɖoa Špindlerův Mlýn—si le toa ƒe akpa kemɛ le Czech-nyigba dzi eye wòdidi kilometa 16.5. Germanytɔ geɖe nɔ nuto ma me ɣemaɣi. Wo dometɔ ɖekae nye agbledela aɖe si lɔ̃ be yeakpe ɖe nɔviawo ŋu. Tasiaɖam le ŋutsu sia si, si wòtsɔ kua mɔkekeɖulawo ɖia tsae. Eyia du si tsɔ wo gbɔ me ɖalɔa míaƒe agbalẽ siwo wode keteke tso Prague va ɖe kɔ ɖe afi ma la dea eƒe tasiaɖam la me. Etsɔa agbalẽawo gbɔna va ɣlana ɖe eƒe agblexɔe me. Agbalẽawo nɔa afi ma va se ɖe esime nɔvi siwo tso Germany va lɔa wo dzonae.\nRichard gblɔ yi edzi be: \"Ne míeɖo agble ma me la, míelɔa agbalẽawo le aƒla siwo wosia ɖe agblexɔa ta la te dea míaƒe akplowo me hekplaa wo ɖe dzimegbe. Wotrɔ asi le akploawo ŋu koŋ na agba kpekpewo tsɔtsɔ. Agba si mía dometɔ ɖe sia ɖe tsɔna la kpena abe kilogram 50 ene.\" Be woagalé wo o la, wozɔa zã. Wodzea mɔ le ɣeɖoto eye woɖoa aƒe hafi ɣe dzena. Ernst Wiesner, si nye nutome sue dzikpɔla le Germany ɣemaɣi, ɖɔ nu siwo wowɔna be woagalé wo o; egblɔ be: \"Nɔviŋutsu eve doa ŋgɔ, eye ne wodo go ame aɖe le mɔa dzi la, wotsɔa woƒe tɔtsi wɔa dzesi na ame susɔeawo enumake. Ne nɔvi siwo tsɔ agba kpekpeawo, siwo le wo yome, eye wo dome didi abe meta 100 ene, kpɔ dzesi sia ko la, woɣlana ɖe gbe me va se ɖe esime nɔvi eveawo va na dzesi bubu wo be woado go. Wonɔa dzesiawo ɖɔlim kwasiɖa sia kwasiɖa.\" Gake menye Germany-kpovitɔ siwo nɔa awu blɔ me koe nye afɔku na wo o.\nRichard gblɔ be: \"Fiẽsi aɖe me la, eva hiã be mawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe, eya ta nɔvinyeawo dzo hafi nye ya meva dze mɔ ɖo ta Czech. Zã do eye afu hã do, vuvɔ nɔ wɔwɔm vevie, eye tsi hã nɔ dzadzam si wɔe be menɔ ƒoƒom tititi. Meva bu ɖe ave dodoawo me, eye nyemete ŋu va tso mɔ o gaƒoƒo geɖe. Aleae wòdzɔnae be tsaɖila geɖewo kuna. Esi nɔvi bubuawo trɔ gbɔna le ŋufɔke hafi medo go wo.\"\nNɔviŋutsu dzinɔameƒotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue sia nɔa toawo dzi yim kwasiɖa sia kwasiɖa anɔ abe ƒe etɔ̃ sɔŋ ene. Le vuvɔŋɔli la, wozãa nu siwo wodea afɔkpa te alo ʋuƒo siwo dzi wonɔna tsɔ zɔa mɔ to sno dzi la tsɔ zɔa mɔae. Ɣeaɖewoɣi la, ƒuƒoƒo siwo me nɔvi siwo ade 20 nɔna la toa mɔ siwo dzi sno xɔ, siwo wode dzesii da ɖi la le ŋkeke me. Be woabu wo abe todzitsaɖilawo ƒe ƒuƒoƒo dzro aɖe ko ene la, wonana nɔvinyɔnuwo hã yina kpli wo. Wo dometɔ aɖewo nɔa ŋgɔ eye ne wokpɔ nane si ate ŋu anye afɔku la, wodaa woƒe kukuwo ɖe yame tsɔ wɔa dzesi.\nNu kae wowɔna ne agbatsɔla siawo trɔ gbɔ tso woƒe zãmɔzɔzɔa me? Wowɔ ɖoɖowo ɖe agbalẽawo mama enumake ŋu. Aleke wowɔnɛ? Woblaa agbalẽawo abe adzalẽ ene, eye wolɔa wo yia ketekedzeƒe le Hirschberg. Eyome woɖoa agbalẽawo ɖe Germany ƒe teƒeteƒewo, eye nɔviwo tsɔa aɖaŋudzedze maa wo na haxɔsetɔwo, abe ale si míegblɔe le nyatia ƒe gɔmedzedze ene. Agbalẽwo mama le bebeme ƒe mɔnuawo de nu wo nɔewo me ale gbegbe be, ne wolé ame ɖeka ko la, esia agblẽ nu geɖe. Gbe ɖeka nane dzɔ si míenɔ mɔ kpɔm na kura o, si va he míaƒe dɔa ɖe megbe.\nLe ƒe 1936 me la, woke ɖe míaƒe agbalẽdaɖoƒe aɖe ŋu le Berlin gbɔ lɔƒo. Wokpɔ agbalẽbabla etɔ̃ siwo ame aɖe ɖo ɖa tso Hirschberg. Womenya ame si ɖoe ɖa o. Kpovitɔwo zã mɔnu aɖe tsɔ di ame si ƒe asinuŋɔŋlɔ le nubablɛa dzi eye woke ɖe degbãlaawo ƒe ame vevi aɖe ŋu helée. Emegbe kpuie la, wogalé ame eve siwo wosusu be wonya nane tso eŋu, siwo dometɔ ɖekae nye Richard Rudolph. Esi nɔvi siwo wolé la lɔ̃ xɔ fɔbubu ɖe sia ɖe ta la, nɔvi bubuawo yi mɔzɔzɔ sia si me afɔkuwo nɔ dzidzim ɖe edzi le la dzi.\nNUSƆSRƆ̃ SIWO LE EME NA MÍ\nBiblia-srɔ̃gbalẽ siwo wolɔna toa To Gã Nyadri mawo dzie nye agbalẽ siwo Germany Ðasefowo zãna la ƒe akpa gãtɔ. Gake menye To Gã Nyadriawo koe nye mɔ si dzi wotona agbalẽawo ɖoa afi ma o. Mɔ mawo tɔgbi nɔ dukɔ eve siawo ƒe liƒo ŋu va se ɖe ƒe 1939 me, esime Germany-srafowo xɔ Czechoslovakia. Nenema kee Ðasefo siwo nɔ dukɔ bubu siwo do liƒo kple Germany, abe France, Netherlands kple Switzerland ene, kpakple nɔvi siwo le Germany la de woƒe agbe afɔku me tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu yina na haxɔsetɔ siwo yome tim wonɔ.\nEgbea, ele bɔbɔe be mía dometɔ akpa gãtɔ nakpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ agbɔsɔsɔ si míehiã, eɖanye esiwo wota loo alo esiwo wolé ɖe mɔ̃ dzi o. Ne Fiaɖuƒe Akpata mee nèxɔ agbalẽ yeyeawo le alo míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ye nèwɔ eƒe kɔpiwo le o, ɖe manyo be nàbu nu si gbegbe nɔviwo tsɔ sa vɔe hafi wòsu asiwò ŋu oa? Ðewohĩ megasesẽ de to siwo tame sno xɔ la lialia le zãtiƒe nu o ya, ke hã dɔ sesẽ wɔm míaƒe haxɔsetɔ geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo naa faa la le hafi nu siawo sua asiwò ɣesiaɣi.\n^ mm. 3 Nɔviŋutsu sia nɔ Hirschberg Hamea me le Silesia. Hirschberg-du siae woyɔna fifia be Jelenia Góra, eye wòle Poland ƒe anyieheɣetoɖoƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20131215\/yehowa-kp%C9%94-wo-ta\/","date":"2018-02-25T08:25:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891816178.71\/warc\/CC-MAIN-20180225070925-20180225090925-00758.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985951185,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998595118522644}","num_words":1349,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYATI aɖe si me nyawo bia nuwɔwɔ kpata la ƒe tanya yi ale: \"Fiaɖuƒegbeƒãɖela Siwo Le Britain—Minyɔ!!\" (Edze le Informant, * December 1937, London tɔ me) Eƒe tanya suea si ana ame nayi ŋugble me la gblɔ kpee be: \"Míekpɔ Dzidziɖedzi Gobii Aɖeke Le Ƒe Ewo Me O.\" Ƒe ewo ƒe subɔsubɔdɔ, si tso ƒe 1928 va ɖo ƒe 1937, ƒe akɔntabubu si dze le axa gbãtɔ la, ɖo kpe nya sia dzi.\nÐE MƆÐELAWO SƆ GBƆ AKPAA?\nNu kae wɔe be gbeadzisubɔsubɔdɔa megava nɔ afɔ tsɔm le Britain o? Edze abe \"ave xoxoa\" me koe hameawo gakpɔtɔ nɔ ene, elabena ale si nuwo nɔ tso gbe aɖe gbe ke la me koe wogalé ɖe asi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alɔdzedɔwɔƒea tso nya me be mɔɖela 200 koe su na dɔwɔwɔ le anyigbamamaa me, eye wowɔa dɔ le anyigbamama saɖeagawo me, ke menye kple hamewo o. Eya ta alɔdzedɔwɔƒea gblɔ na ame siwo di be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa be womakpɔ anyigbamama na wo le Britain o, eye wòde dzi ƒo na wo be woaɖasubɔ le Europa dukɔ bubuwo me. Nu si dze kafukafue nye be, mɔɖela geɖe ʋu le Britain yi dukɔwo abe France ene me, togbɔ be wo dometɔ aɖewo meɖu tu na gbea o, eye ɖewo mesee kura o hã.\n\"NUWƆWƆ KPATA ƑE YƆYƆ AÐE\"\nLe ƒe 1937 me la, Informant la ka bo gã aɖe na nɔviawo: Woaɖe gbeƒã gaƒoƒo miliɔn ɖeka le ƒe 1938 me! Woate ŋu aɖo bokanamea gbɔ bɔbɔe ne gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã gaƒoƒo 15 eye mɔɖelawo ɖe gbeƒã gaƒoƒo 110 ɣleti sia ɣleti. Wowɔ ɖoɖo hã be le ŋkeke aɖewo dzi la, woawɔ gaƒoƒo atɔ̃ le gbeadzi eye woawɔ tɔtrɔyiwo koŋ le kwasiɖa domedomewo le fiẽsiwo me.\nGbetete ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi alea do dzidzɔ na nɔvi geɖe. Hilda Padgett * si nɔ anyi ɣemaɣi gblɔ be: \"Enye nuwɔwɔ kpata ƒe yɔyɔ aɖe si tso míaƒe dɔwɔƒegãa kple susu be woade dzo mía me ɖe dɔa ŋu. Mía dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm nɛ vevie, eye nu nyui geɖe do tso eme.\" Nɔvinyɔnu E. F. Wallis hã gblɔ be: \"Gbe-ɖeka-gaƒoƒo-atɔ̃ ƒe ɖoɖoa de dzo mía me ŋutɔ! Dzidzɔ kae galolo wu esi míekpɔna ne míetsɔ ŋkeke blibowo wɔ dɔ na Aƒetɔ la? . . . Ðe nu tia kɔ na mí ne míegbɔ va aƒe mea? Ðewohĩ. Gake ɖe míekpɔa dzidzɔa? Nenema tututue!\" Stephen Miller si nye ɖekakpui ɣemaɣi la kpɔ ale si gbegbe yɔyɔa bia nuwɔwɔ kpatae, eye wòtso ɖe dɔ ŋu. Edi be yeawɔ dɔa esime mɔnukpɔkpɔa gakpɔtɔ li nɛ! Eɖo ŋku edzi be gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo doa gasɔ ɖaɖea gbeƒã ŋkeke blibowo, eye le dzomeŋɔli ƒe fiẽsiwo la, woƒoa nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi na amewo wosena. Wokpɔ gome le gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔlɔlɔ siwo me wokplaa pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la me dzonɔamemetɔe, eye wona magazinewo le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me.\nWoto Informant la dzi tsɔ yɔyɔ bubu aɖe ɖo nɔviawo ŋkume be: \"Míehiã na mɔɖela 1,000.\" Wowɔ anyigbamamawo ŋuti ɖoɖo yeye be mɔɖelawo magaɖe ɖe vovo tso hameawo gbɔ o, ke boŋ woawɔ dɔ aduadu kpli wo, akpe asi ɖe wo ŋu ahatu wo ɖo. Nɔvinyɔnu Joyce Ellis (si nye Barber ƒomea me tɔ) gblɔ emegbe be: \"Nɔvi geɖe va nyɔ le wo ɖokui me hekpɔe be ele be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa.\" Egblɔ kpee be: \"Togbɔ be ƒe 13 koe mexɔ ɣemaɣi hã la, mɔɖeɖedɔae dzrom be mawɔ.\" Eɖo eƒe taɖodzinua gbɔ le July 1940 me, esime wòxɔ ƒe 15. Peter, si va zu Joyce srɔ̃ emegbe la hã se \"Yɔyɔa,\" eye esia ʋãe \"wòva nɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bum.\" Le June 1940 me, esime wòxɔ ƒe 17 la, edo gasɔ kilometa 105 yi anyigbamama si wode asi nɛ le Scarborough la me hedze mɔɖeɖedɔa gɔme le afi ma.\nCyril Johnson kple srɔ̃a Kitty hã nɔ mɔɖela yeye siwo me ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ la dome. Wodzra woƒe aƒe kple nunɔamesiwo tsɔ do alɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Cyril ɖe asi le eƒe dɔwɔɖuia ŋu, eye le ɣleti ɖeka me la, wonɔ klalo be yewoadze mɔɖeɖedɔa gɔme. Egblɔ emegbe be: \"Míenya nu si wɔm míenɔ. Míewɔe tso dzi me faa kple dzidzɔ.\"\nMƆÐELAWO ƑE AƑEWO\nEsi mɔɖelawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ ta la, nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la bu mɔ siwo dzi woato akpe ɖe mɔɖelawo ƒe ha gã si nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la ŋu. Nɔviŋutsu Jim Carr, si nye nutome subɔla (si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla) le ƒe 1938 me la wɔ ɖe mɔfiame si nye be woaɖo mɔɖelawo ƒe aƒewo ɖe dugãwo me la dzi. Wode dzi ƒo na mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo be woanɔ teƒe ɖeka ahawɔ dɔ ɖekae kple susu be woaɖe gazazãwo dzi akpɔtɔ. Le Sheffield la, wohaya aƒe gã aɖe eye wotsɔe de nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te. Hame si nɔ nutoa me la dzɔ ga kple xɔmenuwo. Jim gblɔ emegbe be: \"Ame sia ame kpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu be wòadze edzi.\" Mɔɖela veviedola ewo nɔ afi ma, eye wolé gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi. \"Wodzroa [ŋkekea ƒe] mawunyakpukpuia me ŋdi sia ŋdi le kplɔ̃ ŋu le ŋdinuɖuɣiwo,\" eye \"mɔɖelaawo yia woƒe anyigbamamawo me le dugã la ƒe teƒe vovovowo gbe sia gbe.\"\nGbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa zɔ ɖe yɔyɔa dzi, si wɔe be woɖo gaƒoƒo miliɔn ɖeka ƒe bokanamea gbɔ le ƒe 1938 me. Akɔntabubuwo ɖee fia be wokpɔ dzidziɖedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo katã me. Le ƒe atɔ̃ me la, gbeƒãɖela siwo nɔ Britain la dzi ɖe edzi teƒe etɔ̃ kloe. Ale si wogate gbe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi la do ŋusẽ Yehowa ƒe amewo wodo dzi le aʋawɔɣi sesẽ si va le ƒe siwo kplɔe ɖo me la me.\nEgbea, mɔɖelawo ƒe xexlẽme gale dzidzim ɖe edzi le Britain esime Mawu ƒe Armagedon-ʋa la le aƒe tum. Wogakpɔ mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo le ƒe ewo siwo va yi me, eye le October 2015 me la, woƒe xexlẽme de 13,224. Mɔɖela siawo nyae nyuie be nu nyuitɔ siwo ame ate ŋu awɔ le agbe me dometɔ ɖekae nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2016\/fia%C9%96u%C6%92egbe%C6%92%C3%A3%C9%96ela-siwo-le-britain\/","date":"2018-03-18T20:26:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645943.23\/warc\/CC-MAIN-20180318184945-20180318204945-00690.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989910722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998991072177887}","num_words":983,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.294,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AUGUST (DASIAMIME) 10, 2015\nZIMBABWE\nLe gbebiame sia si yi edzi le New York me la, Aƒetɔ John Jubber, si nye Yehowa Ðasefo siwo le Zimbabwe ƒe teƒenɔla, gblɔ dɔ si gbegbe dukɔwo dome takpekpe si Ðasefowo wɔ le Harare le August (Dasiamime) 2014 me la wɔ ɖe amewo dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/zimbabwe\/duk%C9%94wo-dome-takpekpe-gbebiabia-john-jubber\/","date":"2018-04-25T11:16:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947795.46\/warc\/CC-MAIN-20180425100306-20180425120306-00224.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998177886,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998177886009216}","num_words":47,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.256,"stopwords_ratio":0.362,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 26, 2016 va se ɖe January 29, 2017 la le tata sia me.\nNyagbe kae Yesu zã tsɔ yɔ nyɔnu aɖewoe, si wobu ɣemaɣi be ede ŋgɔ wu bubudede ame ŋu ko?\nNu ka tae dzidede ƒo na ame le vevie? Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa, Yesu kple Paulo de dzi ƒo na amewoe la me? Eye aleke nàwɔ be wò dzideƒonyawo nade dzi gbɔ na ame?\nYehowa ye nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o. Eya ta ɖe mele be míakpɔ mɔ be esubɔlawo hã nawɔ nu le ɖoɖo nu oa?\nNu nyui geɖe dona tsoa eme ne Mawu ƒe amewo dze agbagba vevie wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nyaa me dzi eye wonɔ eƒe habɔbɔa ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe.\nMɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wò be nàkpe asi ɖe eŋu.\nGɔmesese ka nue Mawu ƒe amewo yi gbɔgbɔmeviviti me le le ƒe alafa evelia K.Ŋ. me? Ɣekaɣie nuwo me va nɔ kɔkɔm na wo, eye aleke wòdzɔe?\nƔekaɣie Mawu ƒe amewo vo keŋkeŋ tso Babilon ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia me?\nLe ƒe ewo aɖewo me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nɔ Britain ƒe xexlẽme medzi ɖe edzi boo o! Nu kae na nɔnɔmea va trɔ mlɔeba?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-november-2016\/","date":"2019-06-25T02:47:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999783.49\/warc\/CC-MAIN-20190625011649-20190625033649-00028.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987930655,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987930655479431}","num_words":204,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Subɔsubɔdɔ si Kristotɔwo wɔna la le akpa eve me; woawoe nye \"subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo,\" si nye gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa kpakple \"kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ\" si míewɔna na mía nɔvi haxɔsetɔwo. (2Ko 5:18-20; 8:4) Eya ta míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖee nye be míakpe ɖe Kristotɔ siwo hiã tu la ŋu. Ne míewɔnɛ la,\nmíekpɔa nɔvi siwo ɖo hiã me la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo nyuie.—2Ko 9:12a\nenana ame siwo le fu kpem la, gatsona ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu, esia ƒe ɖee nye ale si wogatsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu wònyea mɔ si dzi wotona daa akpe na Yehowa.—2Ko 9:12b\nehea kafukafu vɛ na Yehowa. (2Ko 9:13) Ne míenaa kpekpeɖeŋu amewo la, enyea ɖaseɖiɖi na amewo katã, ame siwo bua nazã ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu hã le eme","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may13-19\/m%C3%ADa%C6%92e-kpekpe%C9%96e%C5%8Bunana-%C6%92e-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94\/","date":"2019-06-25T03:30:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00397.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9839119315,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.98391193151474, \"ajg_Latn_score\": 0.016107697039842606}","num_words":129,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.256,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.985,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Mawu lɔ̃a nublanuikpɔkpɔ;\nEtsɔ ɖ'ame si'o lɔ̃e la gbɔ.\nEléa be na mí gbe sia gbe;\nEvea mía nu nu sia nu me.\nNe míetrɔ dzi me vavã la,\nEkpɔa nublanui na mí faa.\nElabena enyae nyuie be\nGbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo míenye.\n2. Ne nu vɔ̃ na nu te mía ŋu,\nMíate ɖe mía Mawu la ŋu.\nVia Yesu Kristo fia mí be\nMíado gbe ɖa nɛ abia be:\n\"Oo, tsɔ míaƒe fewo ke mí.\"\nMíawo hã míatsɔ ake faa;\nMíaɖe dziku ɖe sia ɖe ɖa.\n'Kema Mawu atsɔ ke mí.\n3. Ne míele nu nam amewo,\nKpẽ nagaɖi le mía ŋgɔ o;\nNublanuikpɔkpɔ naʋã mí.\nDzidzɔ geɖe le nana me.\nMawu kpɔa nu le ɣaɣlaƒe.\n'Yae aɖo eteƒe na mí.\nNublanuikpɔla'o kpɔa dzidzɔ;\nWowɔa ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/125-dzidz%C9%94t%C9%94woe-nye-nublanuikp%C9%94lawo\/","date":"2019-06-24T17:31:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999620.99\/warc\/CC-MAIN-20190624171058-20190624193058-00358.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962961674,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962961673736572}","num_words":126,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.264,"stopwords_ratio":0.143,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me\nAgbalẽ sia ana nàkpɔ ale si Biblia ƒo nu tso xexea wɔwɔ, Yesu dziɣi kple eƒe subɔsubɔdɔa va se ɖe esime Fiaɖuƒea va ŋu.\nAleke míate ŋu azã agbalẽ siae?\nBiblia gblɔ be Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Gake ɖee nènya mawudɔla si wòwɔ gbã hafi wɔ amegbetɔwo kple nu bubuwoa?\nMawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ eye wòtsɔ wo da ɖe Eden-bɔa me. Edi be woaɖo ƒome anyi ahakeke paradisoa ɖe enu wòaxɔ anyigba katã dzi.\nNu kae na ati ɖeka aɖe si nɔ Eden-bɔa titina la nɔ etɔxɛ? Nu ka tae Xawa gbe atikutsetsea heɖu?\nMawu xɔ Abel ƒe nunanaa gake mexɔ Kain ya tɔ o. Esi Kain va de dzesii la, edo dziku vevie eye wòwɔ nu dziŋɔ aɖe.\nEsi mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖi va ɖe anyigbadzinyɔnuwo la, wodzi ŋutsuvi siwo va zu ame dzɔatsu tagbɔsẽlawo. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ anyigba katã dzi. Gake Noa ya to vovo—elɔ̃ Mawu eye wòɖo toe.\nTsi dza ŋkeke 40 kple zã 40 eye tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖaka la me wu ƒe ɖeka sɔŋ. Mlɔebaa wodo le aɖaka la me.\nAme aɖewo dze agbagba be yewoatso du ahatu xɔ kɔkɔ aɖe si tame atɔ dziƒo. Nu ka tae Mawu na wodo gbegbɔgblɔ vovovowo?\nNu ka tae Abraham kple Sara ɖe asi le woƒe aƒe si le dugã la me ŋu heva zu tsatsalawo le Kanaan-nyigba dzi?\nMɔ ka dzie Mawu ato ana ŋugbe si wòdo to Abraham dzi nava eme? Abraham ƒe viwo dometɔ ka dzie wòato—Isak loo alo Ismael?\nMawu na dzo kple dzokpe dza ɖe Sodom kple Gomora dzi. Nu ka tae wòtsrɔ̃ du mawo? Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi?\nMawu gblɔ na Abraham be: 'Meɖe kuku, kplɔ viwò ɖeka kolia la, eye nàtsɔe asa vɔ le to aɖe dzi le Moriya-nyigba dzi.' Aleke Abraham awɔ anɔ te le xɔse ƒe dodokpɔ sia nu?\nIsak kple Rebeka dzi venɔvi siwo ŋkɔe nye Esau kple Yakob. Esi wònye Esau ye wodzi gbã ta la eyae dze be wòaxɔ domenyinua. Nu ka tae wòɖe asi le eŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ta?\nMɔ ka dzie Yakob to be mawudɔla aɖe yrae? Eye aleke wòwɔ ŋutifafa kple Esau?\nYosef medze agɔ aɖeke o, ke hã ekpe fu geɖe. Nu ka tae?\nTogbɔ be Yosef nɔ teƒe didi aɖe tso eƒe ƒomea gbɔ hã la, Mawu ɖee fia be yeli kplii.\nEɖo to Yehowa togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo me hã.\nWokpɔ Mose ta elabena dadaa dze aye.\nNu ka tae dzoa mefiã avea o?\nFarao he vɔ̃ va eƒe amewo dzi elabe egbe nu sue si wobia tso esi la wɔwɔ dadatɔe.\nMɔ ka nue fuwɔame siawo to vovo tso gbãtɔ etɔ̃awo gbɔ le?\nFuwɔame sia gblẽ nu le wo ŋu ale gbegbe be Farao dadalaa gɔ̃ hã na ta.\nFarao meku le fuwɔame ewoawo me o gake ɖe wòtsi agbe le Mawu ƒe nukunu sia mea?\nIsrael-viwo do ŋugbe vevi aɖe na Mawu esime wonɔ Sinai Toa gbɔ.\nEsi Mawu nɔ Se Ewoawo tsɔm na Mose la, ameawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe.\nNubablaɖaka la nɔ agbadɔ tɔxɛ sia me.\nYosua kple Kaleb to vovo tso ŋkutsala ewo siwo yi ɖatsa ŋku le Kanaan la gbɔ.\nKora, Datan, Abiram kple ame 250-awo gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ye le eƒe amewo kplɔm o.\nTedzia kpɔ ame aɖe si Bileam ya mekpɔ o.\nMawu na mɔfiame aɖewo Yosua siwo ate ŋu aɖe vi na míawo ha egbea.\nYeriko gliawo mu gbloo. Gake Rahab ƒe aƒe si wotu ɖe Yeriko glia dzi ya memu o.\nYosua do gbe ɖa na Mawu be: \"Ɣe, tɔ ɖe teƒe ɖeka!\" Ðe Mawu ɖo eŋua?\nLe Yosua ƒe ku megbe la, Israel-viwo gasubɔ trɔ̃wo. Agbea sesẽ na wo, gake Ʋɔnudrɔ̃la Barak, nyɔnunyagblɔɖila Debora kple Yael kpakple eƒe agbadɔ kple tsyoti ye xɔ na wo!\nNyɔnu eve aɖewo siwo srɔ̃wo ku la trɔ va Israel-nyigba dzi. Nyɔnuawo dometɔ si ŋkɔe nye Rut yi ɖawɔ dɔ le agble aɖe me, afi wòdo go Boaz le.\nEsi Midiantɔwo na agbea sesẽ na Israel-viwo la woɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Aleke Gideon ƒe aʋawɔla suea wɔ hafi ɖu aʋawɔla 135,000 sɔŋ dzi?\nElkana kplɔ Hana, Penina kple eƒe ƒomea yi be woade ta agu le avɔgbadɔa me le Silo. Le afi ma la Hana do gbe ɖa bia ŋutsuvi. Le ƒe ɖeka megbe la, edzi Samuel!\nŊugbe kae Yefta do, eye nu ka tae? Aleke Yefta vinyɔnua wɔ nu ɖe ŋugbe si fofoa do la ŋu?\nNunɔlagã Eli viŋutsu eve siwo nye nunɔlawo la le subɔsubɔm le avɔgbadɔa me, gake womewɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi o. Samuel ɖevi la ya to vovo eye Yehowa ƒo nu kplii.\nMawu na ŋusẽ Samson be wòatsɔ awɔ aʋa kple Filistitɔwo, gake esi Samson wɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe la, Filistitɔwo va lée dzoe.\nMawu ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woakplɔ wo, gake wobia be woaɖo fia na yewo. Samuel si ami na Saul be wòanye fia gbãtɔ, gake emegbe Yehowa gbe Saul. Nu ka tae?\nYehowa tia David be wòanye Israel-fia yeye, eye David ɖee fia be yedze nyateƒe.\nNu ka tae ŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka lé fu nɔvia, eye aleke ame si wolé fui la wɔ nui?\nFia viŋutsua dze xɔlɔ̃ David.\nNyametsotso gbegblẽwo wɔwɔ nana wokpea fu.\nMawu wɔ Fia Salomo ƒe biabia dzi nɛ eye wòna mɔnukpɔkpɔ gã bubuwoe.\nIsrael-vi geɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.\nAme kae nye Mawu vavã la? Yehowa loo alo Baal?\nÈsusu be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ wò hã?\nWowɔ nukunu eve le aƒe ma ke me!\nIzebel ɖo nu gbe be yeawu Israel ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nabot ne yeaxɔ eƒe Waingble le esi! Yehowa Mawu kpɔ eƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple nu madzɔmadzɔ si wòwɔ la.\nFia nyui Yehosafat do gbe ɖa na Mawu esime Yudatɔwo ƒe futɔwo do ŋɔdzi na wo.\nIsrael nyɔnuvi aɖe le Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ la ŋu nya gblɔm na eƒe aƒenɔ—nu wɔnuku aɖee do go tso eme.\nNu si na Elisa ƒe subɔvi va kpɔe be 'ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le wo dzi.''\nNunɔla nuteƒewɔla aɖe tsi tre ɖe fianyɔnu vɔ̃ɖi aɖe ŋu.\nAleke wòdzɔe be tɔmelã gã aɖe mi Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe? Aleke wòwɔ do go? Eye nu kae wòsrɔ̃ tso Yehowa gbɔ?\nYudatɔwo ƒe futɔwo gblɔ be Yehowa makpɔ eƒe amewo ta o, gake woda ƒu!\nYosiya zu Yuda-fia esime wòxɔ ƒe enyi, eye wòkpe ɖe eƒe amewo ŋu wosubɔ Yehowa.\nNya si ɖekakpui nyagblɔɖila sia gblɔ la na amegãwo do dziku vevie.\nYudatɔwo yi edzi subɔ alakpamawuwo eya ta Yehowa ɖe asi le wo ŋu.\nYuda ɖekakpuiawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa le Babilontɔwo ƒe fiasãa me gɔ̃ hã.\nDaniel ɖe nu si Nebukadnezar ƒe drɔ̃e dziŋɔa fia la me.\nSadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na Babilon-fia ƒe sikanyivi la o.\nDrɔ̃e si Nebukadnezar ku la ku ɖe eya ŋutɔ ƒe etsɔme ŋu.\nƔekaɣie nuŋɔŋlɔ si gɔme womese o la dze, eye egɔme ɖe?\nDo gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe, abe Daniel ene!\nTogbɔ be amedzro kple tsyɔ̃evie wònye hã la eva zu fianyɔnu.\nEsi Israel-viwo ɖo to Ezra vɔ megbe la, wodo ŋugbe tɔxɛ aɖe na Mawu.\nNehemiya se be yeƒe futɔwo ɖoe be yewoava dze yewo dzi. Nu ka tae mevɔ̃ o?\nNu ka tae wogblɔ na Elizabet srɔ̃ be magate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime wodzi ɖevia?\nEgblɔ gbedeasi aɖe na Maria si na nuwo trɔ le eƒe agbe me.\nMawudɔla siwo se gbeƒãɖeɖea wɔ nu kpata.\nFia vɔ̃ɖi aɖe di be yeawu Yesu.\nLe gbedoxɔa me la, nu kae wòwɔ si na nufialawo ƒe nu ku?\nEsi Yohanes tsi la, ezu nyagblɔɖila. Efia nu be Mesia la gbɔna. Aleke amewo wɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ŋu?\nNya si Yohanes gblɔ be, Yesue nye Mawu ƒe Alẽvi la gɔme ɖe?\nZi etɔ̃ sɔŋ Abosam te Yesu kpɔ. Tetekpɔ etɔ̃awoe nye ekawo? Aleke Yesu ɖo nyawo ŋui?\nNu ka tae Yesu nya lãwo le gbedoxɔa me, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi?\nEwɔ nuku na Samaria-nyɔnua be Yesu ƒo nu na ye. Nu ka tae? Nya kae Yesu gblɔ nɛ si megblɔ na ame aɖeke o?\nYesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo be woava nye 'ameɖelawo.' Emegbe ena hehe eyomedzela 70 aɖewo be woaɖe gbeƒã nya nyuia.\nAfi sia afi si wòyi la, dɔnɔwo va egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye eda dɔ na wo. Efɔ nyɔnuvi sue aɖe gɔ̃ hã ɖe tsitre.\nDɔ kae wòtia wo be woawɔ? Èɖo ŋku woƒe ŋkɔwo dzia?\nYesu fia nu vevi aɖewo ame gbogbo aɖewo siwo va ƒo ƒu.\nNu kawoe Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be 'woadi'?\nNu kae nukunu sia fia mí tso Yesu kple Yehowa ŋu?\nBu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me esi wokpɔ nukunu sia ŋu kpɔ?\nNu ka tae menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm Yesu nɔ ŋu o?\nEsi Yesu kpɔ Maria wònɔ avi fam la, eya hã te avi fafa. Gake eteƒe medidi o woƒe aɖatsiwo trɔ zu dzidzɔ.\nYesu fia nu vevi aɖe eƒe apostoloawo esi wonɔ fiẽnuɖuɖu mamlɛa ɖum.\nYuda Iskariot kplɔ ame gbogbo siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la vɛ ale be woalé Yesu.\nNu kae dzɔ le Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu? Eye nu kae wowɔ Yesu le aƒea me?\nNu ka tae Pilato ɖe mɔ be woawu Yesu?\nEsi wowu Yesu le ŋkeke aɖewo megbe la nu wɔnuku kawoe dzɔ?\nNu kae Yesu wɔ hafi wonya be eyae?\nDo ŋgɔ la, ena mɔfiame vevi aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo.\nŊusẽ wɔnuku kae gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo?\nSubɔsubɔhakplɔla siwo wu Yesu la dze agbagba be yewoana nusrɔ̃lawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Gake womate ŋui o.\nSaul lé fu Kristotɔwo vevie, gake eteƒe madidi o atrɔ.\nNu ka tae Yehowa dɔ Petro be wòayi ŋutsu sia si menye Yudatɔ o la ƒe aƒe me?\nApostolo Paulo kple ehati dutanyanyuigblɔlawo dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le teƒe didiwo.\nAkpa kae gbɔgbɔ aɖe, anyigbaʋuʋu, kple yi aɖe wɔ le ŋutinya sia me?\nWo ame evea wɔ dɔ ɖekae abe xɔlɔ̃wo kple hatisubɔlawo ene ƒe geɖe.\nMɔa zɔzɔ menɔ bɔbɔe o, gake naneke mete ŋu xe mɔ na apostolo sia o.\nYesu ɖe ŋutega aɖewo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la fiae.\nNu siwo woɖe fia Yohanes na míekpɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ana nuwo natrɔ le anyigba dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/","date":"2019-06-16T08:55:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998084.36\/warc\/CC-MAIN-20190616082703-20190616104703-00030.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981797934,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981797933578491}","num_words":1737,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso ƒe sia me yina la, míakpɔ ɣeyiɣi geɖe adzra ɖo ɖe Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ŋu. Ne Ŋkuɖodzia dze kwasiɖa domedome ƒe ŋkeke aɖe dzi la, ke míawɔ Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea o. Ne Ŋkuɖodzia dze kwasiɖa nuwuwu dzi la, womaƒo dutoƒonuƒo o, eye womawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ hã o. Àdi be yeawɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ nyuiea? Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me enea, ahiã be woawɔ ɖoɖo aɖewo koŋ ɖe ɣeyiɣi vevi sia ŋu. (Lk 22:7-13; km 3\/15 1) Gake ele be mí katã míadzra míaƒe dzi ɖo be wɔnaa naɖe vi na mí. Aleke míawɔ esiae?\nDe ŋugble le nu si ta wòle vevie be nàyi la ŋu.—1Ko 11:23-26\nGbeƒãɖela aɖewo xlẽa Ŋkuɖodzia ƒe Biblia xexlẽ si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me hedea ŋugble le eŋu. Ame bubuwo xlẽa mawunyakpukpui siwo le nyatakakaɖakaa me. Eye ame bubuwo hã dzroa Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ƒo nu tso Ŋkuɖodzia kple lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí la ŋu. Neva eme be nusɔsrɔ̃mɔnu ɖe sia ɖe si nàtia la nate wò ɖe Yehowa kple Via ŋu geɖe wu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/april-2019-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-apr8-14\/dzra-%C9%96o-%C9%96e-%C5%8Bku%C9%96odzia-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-18T09:44:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998708.41\/warc\/CC-MAIN-20190618083336-20190618105336-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993938208,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993938207626343}","num_words":184,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.277,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒo nu tso nu siwo adzɔ do ŋgɔ na Gog si tso Magog tsɔtsrɔ̃ kple emegbe siaa ŋu.\nNu kae woatsrɔ̃ si anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze?\nAme kae ava dze Yehowa ƒe amewo dzi?\nAʋa ka mee Yehowa atsrɔ̃ Gog si tso Magog le?\nƔeyiɣi didi kae Kristo aɖu fia?\nAleke mado ŋusẽ nye xɔse atsɔ adzra ɖo ɖe Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze la ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug21-27\/madidi-o-woatsr%C9%94%CC%83-gog-si-tso-magog\/","date":"2019-06-25T06:35:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999800.5\/warc\/CC-MAIN-20190625051950-20190625073950-00088.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995075464,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995075464248657}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la nɔ Filipi dua me. Gbɔgbɔawo zãa nyɔnuvia wòkaa afa, eye etoa ema dzi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa ga geɖe. Esi Paulo kple Sila va Filipi la, enɔ wo yome ŋkeke geɖe. Gbɔgbɔawo nana wònɔa ɣli dom be: \"Ame siawo nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe kluviwo.\" Mlɔeba Paulo gblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be: 'Mele gbe ɖem na wò le Yesu ƒe ŋkɔ me be do go le eme!' Gbɔgbɔa do le nyɔnuvia me.\nEsi nyɔnuvia ƒe aƒetɔwo de dzesii be yewomagakpɔ ga tso egbɔ o la, dzi ku wo vevie. Wohe Paulo kple Sila yi dumegãwo gbɔ eye wogblɔ be: 'Ŋutsu siawo le se la dzi dam hele zitɔtɔ dem du bliboa me!' Dumegãwo ɖe gbe be woaƒo Paulo kple Sila eye woade wo gaxɔ me. Gaxɔdzikpɔlaa tsɔ wo de gaxɔ ememetɔ si do viviti wu la me, eye wòbɔ pã wo.\nPaulo kple Sila dzi kafukafuhawo na Yehowa eye gamenɔla bubuawo se wo ŋkɔ. Kasia le zã titina la, anyigba ʋuʋu sesĩe si na gaxɔ bliboa ʋuʋu. Gaxɔa ƒe ʋɔtruwo ʋu, eye gamenɔlawo ƒe kɔsɔkɔsɔwo kple pãwo tu. Gaxɔdzikpɔlaa ƒu du yi gaxɔ ememetɔ la me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo nɔ ʋuʋu. Esi wòsusu be gamenɔlawo anya si ta la, etsɔ yi be yeawu ye ɖokui.\nEnumake Paulo do ɣli gblɔ be: 'Mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o! Mí katã míele afi sia!' Gaxɔdzikpɔlaa ƒu du va dze klo ɖe Paulo kple Sila ƒe afɔnu. Ebia wo be: \"Nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?\" Wogblɔ nɛ be: 'Ele be wò kple wò aƒemetɔwo miaxɔ Yesu dzi ase.' Paulo kple Sila fia wo Yehowa ƒe nya, eye wonyrɔ gaxɔdzikpɔlaa kple eƒemetɔwo katã.\n\"Amewo alé mi, woati mia yome, woakplɔ mi ayi ƒuƒoƒewo, eye woade mi gaxɔwo me. Woakplɔ mi ayi dufiawo kple nutodziɖulawo ŋkume le nye ŋkɔ la ta. Esia ana mɔnukpɔkpɔ mi miaɖi ɖase.\"—Luka 21:12, 13","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/14\/gax%C9%94dzikp%C9%94la-sr%C9%94%CC%83-nyate%C6%92ea\/","date":"2019-06-24T21:59:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999740.32\/warc\/CC-MAIN-20190624211359-20190624233359-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983411431,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983411431312561}","num_words":312,"character_repetition_ratio":0.075,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu kae nu vovovo siwo dze le lododoa me la le tsitre ɖi na?\nAƒetɔa le tsitre ɖi na Yesu\nKluviawo le tsitre ɖi na Yesu yomedzela amesiaminawo\nGa si aƒetɔ la tsɔ na kluviawo le tsitre ɖi na mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be woawɔ amewo nusrɔ̃lawo\nLododo sia le nu xlɔ̃m tso nu si adzɔ ne Kristo yomedzela amesiaminawo ɖe mɔ nɔnɔme si nɔ kluvi vɔ̃ɖia si la su wo si la ŋu. Yesu di tso eyomedzelawo si be woazã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã atsɔ awɔ ame geɖewo woanye nusrɔ̃lawo.\nMɔ ka nue mate ŋu asrɔ̃ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo le le amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawo ƒe dɔa me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/august-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-aug13-19\/mina-ewoawo\/","date":"2019-06-27T04:37:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000613.45\/warc\/CC-MAIN-20190627035307-20190627061307-00370.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999486506,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99948650598526}","num_words":111,"character_repetition_ratio":0.112,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"YESU ƑE ƑOMEA SI YI EGIPTE\nYOSEF KPLE EƑE ƑOMEA ƲU YI NAZARET\nYosef nyɔ Maria be yeagblɔ nya aɖe si bia nuwɔwɔ kpata la nɛ. Ðeko Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me teti koe nye ema hegblɔ nɛ be: \"Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa ne miasi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ, elabena Herodes le ɖevi la di ge be yeawu.\"—Mateo 2:13.\nEnumake Yosef, Maria kple wo vi la si dzo le zã me. Ɣeyiɣi si wosi la sɔ ŋutɔ, elabena Herodes se be ɣletivimefakalaawo flu ye. Do ŋgɔ la, egblɔ na wo be woatrɔ ava ka nya ta na ye. Gake le ema teƒe la, wodzo le dua me. Herodes do dziku vevie. Esi wòle didim kokoko be yeawu Yesu ta la, eɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo katã le Betlehem kple eƒe nutowo me siwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Nya si ɣletivimefakala siwo tso Ɣedzeƒe la gblɔ nɛ do ŋgɔ dzie wònɔ te ɖo bu ƒe si Yesu anya xɔ ɣemaɣi.\nNu dziŋɔ ŋutɔe wònye be wowu ŋutsuvi dzaa mawo katã! Míenya ŋutsuvi nenie wowu o, gake vidada siwo ƒe viwo wowu la ƒe avifafa kple ɣlidodo sesĩ la na Biblia me nyagblɔɖi aɖe si Mawu to eƒe nyagblɔɖila Yeremiya dzi gblɔ ɖi la va eme.—Yeremiya 31:15.\nLe ɣeyiɣi ma me la, Yosef kple eƒe ƒomea si va le Egipte, eye wonɔ afi ma. Ke gbe ɖeka le zã me la, Yehowa ƒe dɔla gaɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Mawudɔlaa gblɔ nɛ be: \"Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa miayi Israel-nyigba dzi, elabena ame siwo di be yewoaɖe ɖevi la ƒe agbe ɖa la ku.\" (Mateo 2:20) Eya ta Yosef ƒo nya ta azɔ be ye kple yeƒe ƒomea yewoate ŋu atrɔ ayi yewo de. Esia na Biblia me nyagblɔɖi bubu va eme. Eyae nye be woyɔ Mawu ƒe Vi la tso Egipte vɛ.—Hosea 11:1.\nEdze abe ɖe Yosef di be yeana yeƒe ƒomea nava nɔ Yudea, ɖewohĩ le afi si gogo Betlehem, si nye du si me wonɔ hafi si yi Egipte la ene. Gake ese be Herodes viŋutsu vɔ̃ɖi Arkelao ye nye Yudea-fia ɣemaɣi. Mawu xlɔ̃ nu Yosef tso afɔku si le afi ma yiyi ŋu le drɔ̃e bubu me. Eya ta Yosef kple eƒe ƒomea zɔ mɔ yi dziehe ɖaa heva nɔ Nazaret, si le Galilea nutoa me, si le adzɔge tso afi si Yuda subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo wu la gbɔ. Nuto sia mee Yesu nɔ tsi, eye esia na nyagblɔɖi bubu aɖe va eme be: \"Woayɔe be Nazaretetɔ.\"—Mateo 2:23.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/%C6%92omea-si-yi-egipte\/","date":"2019-06-19T09:49:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998943.53\/warc\/CC-MAIN-20190619083757-20190619105757-00104.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989516139,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989516139030457}","num_words":431,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Satana dzea agbagba be yeagblẽ mí kple Yehowa dome to ale si wòdina be míawɔ nu siwo dzroa mí evɔ míenya be womenyo o la dzi. Etrɔna ɖe ame sia ame ƒe nudzodzrowo kple nɔnɔmewo ŋu tsɔ tenɛ kpɔ.\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nNɔ Te Ðe Tetekpɔwo Nu Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june25-july1\/n%C9%94-te-%C9%96e-tetekp%C9%94wo-nu-abe-yesu\/","date":"2019-06-19T14:56:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.997923553,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979235529899597}","num_words":59,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nNepal\nJehovah's Witnesses Society\nPO Box 24438, GPO\nKATHMANDU\nNEPAL\n+977 1-552-6046\n+977 1-553-7416\nDɔwɔɣiwo\nKwasiɖa va se ɖe Yawoɖa\nŊdi ga 7 va se ɖe ɣetrɔ ga 4","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/nepal\/","date":"2019-06-25T10:16:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999817.30\/warc\/CC-MAIN-20190625092324-20190625114324-00310.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996845722,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996845722198486}","num_words":86,"character_repetition_ratio":0.027,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.292,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2018\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 6 va se ɖe September 2, 2018 la le tata sia me.\nAleke wòle be ale si Yesu wɔ nu le nyaʋiʋli si nɔ amewo dome le eƒe ŋkekea me la me la nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua dunyahenyawo kple hadomegbenɔnɔ ŋuti nyawoe dzi?\nNu kae nàte ŋu awɔ be ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la nagasẽ ɖe edzi?\nYuda Fia Rehabeam ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu dim Mawu le tso mía dometɔ ɖe sia ɖe si.\nMawu na taɖoƒefianu si fiaa mɔ mí le agbe nyui nɔnɔ gome la mí, gake ele be míakpɔ egbɔ be efia mɔ nyuitɔ mí.\nTsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyui ŋu la, nu geɖe gahiã ŋu.\nAGBEMEŊUTINYA\nEdward Bazely to ƒomekuxiwo me, eƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe eŋu le Yehowa subɔsubɔ ta, dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi eye wòlé blanui vevie.\nGbedoname kpui gɔ̃ hã tea ŋu ɖea vi geɖe.\nÐe nàte ŋu aɖo biabia siawo siwo wotu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa dzi la ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-june-2018\/","date":"2019-06-20T12:12:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999210.22\/warc\/CC-MAIN-20190620105329-20190620131329-00058.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974751472,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974751472473145}","num_words":183,"character_repetition_ratio":0.013,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.284,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, ame ʋɛ aɖewo siwo subɔa Yehowa la ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe. Ame siwo subɔe la dometɔ ɖekae nye Abraham, si woyɔ be Yehowa xɔlɔ̃. Nu ka tae woyɔe be Yehowa xɔlɔ̃? Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme nɛ eye wòdi be yeakpe ɖe eŋu. Abe Abraham kple nuteƒewɔla bubuwo abe Lot kple Yakob ene la, míate ŋu abia Yehowa faa be wòakpe ɖe mía ŋu. Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi be awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi.\nLE AKPA SIA\nAme aɖewo dze agbagba be yewoatso du ahatu xɔ kɔkɔ aɖe si tame atɔ dziƒo. Nu ka tae Mawu na wodo gbegbɔgblɔ vovovowo?\nNu ka tae Abraham kple Sara ɖe asi le woƒe aƒe si le dugã la me ŋu heva zu tsatsalawo le Kanaan-nyigba dzi?\nMɔ ka dzie Mawu ato ana ŋugbe si wòdo to Abraham dzi nava eme? Abraham ƒe viwo dometɔ ka dzie wòato—Isak loo alo Ismael?\nMawu na dzo kple dzokpe dza ɖe Sodom kple Gomora dzi. Nu ka tae wòtsrɔ̃ du mawo? Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi?\nMawu gblɔ na Abraham be: 'Meɖe kuku, kplɔ viwò ɖeka kolia la, eye nàtsɔe asa vɔ le to aɖe dzi le Moriya-nyigba dzi.' Aleke Abraham awɔ anɔ te le xɔse ƒe dodokpɔ sia nu?\nIsak kple Rebeka dzi venɔvi siwo ŋkɔe nye Esau kple Yakob. Esi wònye Esau ye wodzi gbã ta la eyae dze be wòaxɔ domenyinua. Nu ka tae wòɖe asi le eŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ta?\nMɔ ka dzie Yakob to be mawudɔla aɖe yrae? Eye aleke wòwɔ ŋutifafa kple Esau?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/3\/","date":"2019-06-16T13:29:16Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998238.28\/warc\/CC-MAIN-20190616122738-20190616144738-00522.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990006089,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999000608921051}","num_words":279,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Lɔlɔ̃ dzie xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ te ɖo. Ne èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu la, wò lɔlɔ̃ nɛ adzi ɖe edzi. Ne wò lɔlɔ̃ na Mawu dzi ɖe edzi la, wò didi be yeasubɔe hã adzi ɖe edzi. Esia aʋã wò be nàva nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la. (Mateo 28:19) Ne èva ge ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome kpɔdzidzɔa me la, àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ tegbee. Nukae wòle be nàwɔ?\nEle be nàlɔ̃ Mawu to eƒe sewo dzi wɔwɔ me. \"Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.\"—Yohanes I, 5:3.\nTsɔ nusi nèsrɔ̃ wɔ dɔe. Yesu gblɔ ŋutinya aɖe tso nusia wɔwɔ ŋu. Ŋutsu nyanu aɖe tu eƒe xɔ ɖe kpe dzi. Ŋutsu abunetɔ tu etɔ ɖe ke dzi. Esi ahom sesẽ tu la, xɔ si wotu ɖe kpe dzi meʋã o, gake esi wotu ɖe ke dzi mu gbloo. Yesu gblɔ be amesiwo sea yeƒe nufiafiawo eye wowɔa wo dzi le abe ŋutsu nyanu si tu xɔ ɖe kpe dzi ene. Gake amesiwo sea yeƒe nufiafiawo evɔ womewɔa wo dzi o la le abe ŋutsu abunetɔ si tu xɔ ɖe ke dzi ene. Ŋutsuawo dometɔe kae nèdi be yeaɖi?—Mateo 7:24-27.\nAdzɔgbeɖeɖe. Efia be nàte ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me agblɔ nɛ be yedi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tegbee. Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ fia be ènye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la.—Mateo 11:29.\nNyɔnyrɔxɔxɔ. \"Na woanyrɔ wò ɖe tsi me, eye nàyɔ eƒe ŋkɔa dzi ne woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa.\"—Dɔwɔwɔwo 22:16, NW.\nƑo ɖokuiwò katã ɖe Mawu subɔsubɔ me. \"Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.\"—Kolosetɔwo 3:23.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-x%C9%94l%C9%94%CC%83\/x%C9%94l%C9%94%CC%83dzedze-mawu\/","date":"2020-01-18T18:42:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250593295.11\/warc\/CC-MAIN-20200118164132-20200118192132-00546.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992362261,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992362260818481}","num_words":271,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.261,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mesrɔ̃ Ale Si Gbegbe Agbe Xɔ Asii\nAPRIL 16, 2007 ƑE ŊDI MEE. Esi mexatsa ɖokuinye ɖe Norris Hall dziƒoxɔ, si le Virginia Polytechnic Institute and State University, alo Virginia Tech sukua me la, ƒe dzisasrã etɔ̃lia ƒe xɔ aɖe ƒe dzogoe dzi la, megaɖo ŋku ale si gbegbe wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔŋkeke xɔasi ɖe sia ɖe si míatso ɖo ŋu la dzi.\nMenɔ nye dɔwɔƒe nɔ dzadzram ɖo be mayi dzisasrã evelia dzi aɖatsɔ nye lɛta. Nufialagã aɖe va bia tso asinye be mayi yeƒe dɔwɔƒe ava trɔ asi le yeƒe kɔmpiuta ŋu na ye. Esi míenɔ gegem ɖe eƒe dɔwɔƒea la, míese tudada si tra ɖe enu ƒe ɖiɖi le dzisasrã evelia dzi. Esi míenya nu si nɔ edzi yim o ta la, míeɖe abla ge ɖe xɔa me, do ʋɔa henɔ nu si adzɔ ɖe mía dzi le miniti ʋɛ siwo nɔ mía ŋgɔ me la lalam dzimaɖeɖitɔe. Mebe ɖe dzogoe aɖe dzi eye meʋu nye dzi me na Yehowa Mawu le gbedodoɖa me hebiae be wòafia mɔm matsɔ anɔ te ɖe nu sia nu si ava la nu.\nEsi míenɔ lalam le afi ma la, meɖo ŋku nane si dzɔ ƒe 15 aɖewoe nye ma la dzi. Menye ʋudzraɖola le ʋudzraɖoƒe aɖe. Nye dɔwɔhati aɖe lé gagbɛ aɖe si me mɔmemi sue aɖe nɔ ɖe asi, tete wòlé dzo vla. Nublanuitɔe la, dzika si tso eƒo na wòtsɔe ƒu gbe ɖe nye mo enumake! Megbɔ dzudzɔ xɔdzoa eye dzoa fiãm baɖabaɖa tso ta gbɔ va se ɖe akɔta heɖo keke lãkusi me ke. Wotsɔ helikɔpta kɔm yi dɔnɔkɔdzi aɖe si kpɔa ame siwo dzo fiã la gbɔ hewɔ atike nam vevie ɣleti etɔ̃ kple afã, eye menɔ ʋiʋlim be matsi agbe. Le atikewɔwɔ nam ɣleti atɔ̃ megbe la, mete ŋu trɔ gbɔ va aƒe me, eye mekpɔ dzidzɔ be megakpɔtɔ le agbe ya teti. Mesrɔ̃e le nudzɔdzɔ ma me be ele be mabu ŋkeke ɖe sia ɖe nu xɔasii. Nudzɔdzɔ sia na nye si nye Ðasefo la megaɖoe kplikpaa wu tsã be mazã nye agbe atsɔ awɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa Mawu, ame si na agbe mam.—Psalmo 90:12; Yesaya 43:10.\nAle si afɔkua gblẽ nu le ŋunye la wɔe be nyemegate ŋu wɔa ʋudzadzraɖodɔ azɔ o, eya ta mesrɔ̃ kɔmpiuta ŋu dɔ, eye woxɔm mewɔa dɔ le Virginia Tech sukua me. Ema tae menɔ Norris Hall dziƒoxɔa dzi ŋdi ma ɖo.\nEsi tudadaa nɔ edzi yim la, míenya kura be ame ɖeka pɛ ƒe tudada amewo dziŋɔtɔ kekeake si dzɔ kpɔ le United States ƒe ŋutinya me lae nye ema nɔ edzi yim le dzisasrã si le mía te ko la dzi o. Amewuwua wu enu esime tudalaa ŋutɔ wu eɖokui le ame maɖifɔ 32 wuwu vɔ megbe. Miniti 20 le nudzɔdzɔ siawo katã megbe la, míese kpovitɔwo zɔ to xɔmɔnu va yina. Míedo ɣli yɔ wo, eye wokplɔ mí yi dedienɔƒe.\nNudzɔdzɔ dziŋɔ ma na mekpɔ ale si gbegbe agbea nu va yina kabakaba eye kakaɖedzi aɖeke mele eŋu o la dze sii. (Yakobo 4:14) Aleke gbegbe wòle vevie be míaka ɖe Yehowa Mawu, ame si nye Agbenala la dzi ahanɔ ŋkeke ɖe sia ɖe bum be enye nunana xɔasi tso egbɔe nye esi!—Psalmo 23:4; 91:2.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]\nAP Photo\/The Roanoke Times, Alan Kim","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20080901\/Mesr%C9%94%CC%83-Ale-Si-Gbegbe-Agbe-X%C9%94-Asii\/","date":"2020-02-23T21:29:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145839.51\/warc\/CC-MAIN-20200223185153-20200223215153-00521.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990289211,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990289211273193}","num_words":533,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyɔnuvi Sue Aɖe Si Wɔ Dɔmenyo Gã Aɖe\nNYITSƆ laa la, nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe asieke si le Brazil la ŋutɔ tso le eɖokui si ɖe afɔ aɖe. Ema ga si wòdzra ɖo la ɖe akpa eve me—dɔlar 18 kple dɔlar 25. Eda dɔlar 18 la ɖe nudzɔɖaka si le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me la me be woatsɔe ado alɔ hamea. Eyome wòtsɔ dɔlar 25 la ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le du ma me, eye wòŋlɔ lɛta kpui aɖe kpe ɖe eŋuti. Eƒe lɛtaa me nyawo yi ale: \"Medi be madzɔ ga sia ne woatsɔ ado alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Nye didie nye be makpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le xexea me godoo la ŋu be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Lɔlɔ̃ gã si le asinye na Yehowa ye ʋãm mele ga sia dzɔm.\"\nNyɔnuvi sue sia dzilawo fia vevienyenye si le etɔ si nua wɔwɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ŋu lae. Wona wòkpɔ nu si ta wòle vevie be wòatsɔ eƒe 'kesinɔnuwo ade bubu Yehowa ŋu' la hã dze sii. (Lod. 3:9) Abe ale si nyɔnuvi sue sia wɔe ene la, neva eme be mí katã míanɔ gome kpɔm le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me dzonɔamemetɔe—anɔ asi kpem ɖe míaƒe hamewo kple xexea me katã ƒe dɔa siaa ŋu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20091115\/Ny%C9%94nuvi-Sue-A%C9%96e-Si-W%C9%94-D%C9%94menyo-G%C3%A3-A%C9%96e\/","date":"2020-02-24T09:49:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145910.53\/warc\/CC-MAIN-20200224071540-20200224101540-00389.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989948869,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989948868751526}","num_words":212,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.307,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ Dzidzɔ Ðe Míaƒe Anyigba Dzeani La Ŋu\nƔLETIVI ŋu nunyalawo kpɔe be xexe gbahoo la ƒe akpa nyaŋui aɖe koe míaƒe anyigba la nye. Womegakpɔ nu gbagbewo le xexea bliboa ƒe akpa bubu aɖeke o. Anyigba la dzi koe nu vevi siwo hiã hena agbenɔnɔ la le.\nGawu la, míate ŋu ase vivi le agbe me le anyigba dzeani sia dzi. Aleke wòvivinae nye esi ne ɣe de dzo lãme na mí le gbe si gbe vuvɔ le wɔwɔm! Mía dometɔ kae mekpɔa dzidzɔ ne ekpɔ agudzedze kple ɣe ƒe amigogbagba si nya kpɔna ŋutɔ la o? Gake menye ɖeko ɣea na míesea vivi le lãme ko o, ke boŋ ehiã vevie hafi míate ŋu anɔ agbe.\nƑe miliɔn geɖee nye esia si ɣea ƒe nuheŋusẽ lé anyigba la kple ɣletinyigba bubuwo ɖe wo nɔƒewo, eye wole xlã ƒomee. Eye abe ale si sukuviwo srɔ̃nɛ le suku ene la, míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo katã ƒoa xlã Masa ɣletivihatsotso (Milky Way) ƒe titina. Gake le míaƒe ɣletivihatsotsoa me la, ɣletivi biliɔn 100 kple edzivɔ siwo le azɔli sia dzi la dometɔ ɖeka koe ɣea nye.\nNuheŋusẽ te Masa ɣletivihatsotsoa kple ɣletivihatsotso 35 bubuwo ƒo ƒu wozu ɣletivihatsotso ƒokpli ɖeka. Ɣletivihatsotso akpe geɖewoe le ɣletivihatsotso ƒokpli gãwo me. Míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo mate ŋu anɔ ɖoɖo nyui nu alea ne ɖe wòle ɣletivihatsotso ƒokpli gã siwo me ɣletivihatsotsowo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la me o. Guillermo Gonzalez kple Jay W. Richards gblɔ le woƒe agbalẽ si nye The Privileged Planet me be ɣletinyigba ʋɛ aɖewo koe le yamenutowo me \"si dzi wobu be míaƒe agbe wɔnuku sia tɔgbe ate ŋu anɔ.\"\nÐe nu gbagbe siwo le ɣletinyigba sia dzi la dzɔ le vome, alo nye nudogoɖenunu aɖe si dzɔ to \"nane ƒe wòwó kpoyi\" mea? Alo ɖe gɔmesese si yi ŋgɔ wu le ale si nu gbagbe siwo le Anyigba dzeani sia dzi wɔ va dzɔ ŋua?\nAme geɖe va kpɔe dze sii be ɖe wowɔ anyigba si dzi míele la koŋ be nu gbagbewo nate ŋu anɔ edzi. * Ƒe alafa geɖe enye esia la, Hebritɔ hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso anyigba kple dziƒowo ŋu. Eŋlɔ bena: \"Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?\" (Psalmo 8:4, 5) Hakpanyaŋlɔla sia xɔe se be Wɔla aɖe li kokoko. Ðe nyataƒoƒo sia sɔ le egbexexe si de ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me la mea?\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nNumekugbalẽ si ŋkɔe nye The Illustrated Science Encyclopedia—Amazing Planet Earth gblɔ be: \"Anyigba klẽna le yame si do viviti la me abe kpe xɔasi blɔ aɖe ene ne wokpɔe tso didiƒe.\"\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nAnyigbaa: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C.\/NASA","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20070215\/Kp%C9%94-Dzidz%C9%94-%C3%90e-M%C3%ADa%C6%92e-Anyigba-Dzeani-La-%C5%8Au\/","date":"2020-02-21T10:27:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-10\/segments\/1581875145500.90\/warc\/CC-MAIN-20200221080411-20200221110411-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987293482,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987293481826782}","num_words":454,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nHong Kong\nWatch Tower Bible and Tract Society\n22\/F, 1 Hung To Road\nKWUN TONG\nKOWLOON, HONG KONG\n+852 3950-3500\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 miniti 15 va se ɖe ɣetrɔ ga 5 miniti 15","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/hong-kong\/","date":"2020-05-27T00:11:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347391923.3\/warc\/CC-MAIN-20200526222359-20200527012359-00264.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994243383,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994243383407593}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.276,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! May 2015 | Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Aƒemanɔsitɔwo Kple Ame Dahewo\nBiblia gblɔ ale si woate ŋu akpe ɖe aƒemanɔsitɔwo kple ame dahewo ŋu fifia, eye wògagblɔe ɖi hã be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me ame aɖeke maganye aƒemanɔsitɔ alo ame dahe o.\nWATCHING THE WORLD\nKuxi kawoe Asia-dukɔwo dze ŋgɔe le woƒe dukɔmeviwo hehe kple wo ta kpɔkpɔ me? Ðe Biblia me nunya ate ŋu akpe ɖe wo ŋua?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBiblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo kple seselelãmenyawo gome.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe wò kple viwòa mienɔa avu dzi ɣesiaɣi, eye wòwɔ abe viwòa koe ɖua dzi enea? Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò.\nAme siwo woɖe aboyoe esime wova dze Beslan-sukua dzi le ƒe 2004 me dometɔ etɔ̃ gblɔ nu si kpe ɖe wo ŋu woŋlɔ nu dziŋɔ siwo me woto le amedzidzedze ma me la be.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nƑe alafa enyilia me Arabiatɔ siae to \"akɔntabumɔnu vevitɔ si woto vae kpɔ\" la vae.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAleke Mawu bua ŋutasẽnuwɔwɔe? Ðe ŋutasẽnuwɔlawo ate ŋu atrɔa?\nWAS IT DESIGNED?\nTotsitotsi sia eya ŋutɔ ƒe akaɖi—gake lã bubuwo metea ŋu kpɔnɛ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201505\/","date":"2020-05-30T19:46:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347410284.51\/warc\/CC-MAIN-20200530165307-20200530195307-00208.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991660118,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991660118103027}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.219,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xɔlɔ̃ veviwo ɖoa dze kple wo nɔewo ŋkume kple ŋkume alo to telefon, e-mail, video alo lɛta dzi. Dzeɖoɖo alea tea ŋu yia edzi edziedzi ne nɔnɔmea ɖe mɔ. Eya ta ne míedi be míate ɖe Mawu ŋu la, ele be míaɖo dze kplii edziedzi. Aleke míate ŋu awɔ esiae?\nMíate ŋu aɖo dze kple Yehowa le gbedodoɖa me. Ke hã, gbedodoɖa na Mawu mele abe dzeɖoɖo dzro si yia edzi le xɔlɔ̃wo dome ene o. Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, ele be míanyae be mía Wɔla, si nye Dziƒoʋĩtɔ lae míele nu ƒom na. Esia nyanya aʋã mí míado gbea ɖa le bubu deto kple sisiɖa me. Be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele hã be míazɔ ɖe eƒe mɔfiame veviwo dzi. Mɔfiame siawo dometɔ etɔ̃ aɖewoe nye esiwo gbɔna.\nGbã la, ele be míado gbe ɖa na Yehowa ɖeɖe ko, ke menye na Yesu, ame siwo woyɔna be ame kɔkɔewo alo nɔnɔmetatawo o. (2 Mose 20:4, 5) Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: \"Le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.\" (Filipitɔwo 4:6) Evelia, ele be míado gbe ɖa to Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo dzi. Yesu ŋutɔ hã gblɔ be: \"Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.\" (Yohanes 14:6) Etɔ̃lia, ele be míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Biblia gblɔ be: \"Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.\" *\nXɔlɔ̃wɔwɔ vivina ne xɔlɔ̃ veviwo ɖoa dze na nɔewo edziedzi\nEle eme be xɔlɔ̃wɔwɔ mate ŋu anɔ anyi ɖaa ne xɔlɔ̃awo dometɔ ɖeka koe nɔa nua ƒom o. Abe ale si ko dzeɖoɖo vivina ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze na wo nɔewo ene la, nenema kee wòle be míaɖe mɔ Mawu naƒo nu na mí eye míaɖo toe. Ènya ale si Mawu ƒoa nu na mía?\nEgbea la, Yehowa Mawu \"ƒoa nu\" na mí to eƒe Nya, Biblia la dzi. (2 Timoteo 3:16, 17) Nu ka tae míegblɔe nenema? Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe ŋlɔ lɛta na wò, eye esi nèxlẽe la edo dzidzɔ na wò nègblɔ na ame bubuwo be, \"Mese xɔ̃nye aɖe ŋkɔ fifi laa!\" Togbɔ be xɔ̃wòa meƒo nu na wò ŋkume kple ŋkume o hã la, èse eŋkɔ to lɛta si wòɖo ɖe wò la dzi. Nenema kee ne èle Biblia xlẽm la, ekema èle mɔ ɖem na Yehowa be wòaƒo nu na wò. Eya ta Gina, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la, gblɔ be: \"Menyae be ne medi be Mawu nanye xɔ̃nye la, ele be manɔ eƒe lɛta si wòŋlɔ na mí, si nye Biblia la xlẽm.\" Egblɔ kpee be: \"Biblia-xexlẽ gbe sia gbe na be mí kple Yehowa dome va le kplikplikpli.\" Ðe nèxlẽa Mawu ƒe Nya, Biblia la gbe sia gbea? Ne èwɔnɛ la, efia be èɖea mɔ Yehowa ƒoa nu na wò gbe sia gbe. Esia wɔwɔ ana nàse le ɖokuiwò me be ye kple Mawu dome le kplikplikpli.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141201\/%C3%88%C9%96oa-dze-kple-Mawua\/","date":"2020-11-28T09:41:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141195198.31\/warc\/CC-MAIN-20201128070431-20201128100431-00553.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968512058,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968512058258057}","num_words":493,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.252,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame kawoe nye Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwo? Dɔ kawoe wowɔna?\nLewi vi siwo menye nunɔlawo o la wɔa dɔ vovovo siwo dometɔ ɖeka de sɔsɔ ge kple kpovitɔwo ƒe dɔa. Wowɔa woƒe dɔa le gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã la ƒe mɔfiafia te. Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo ŋlɔ tso gbedoxɔmekpovitɔ siawo ŋu be: \"[Lewi vi] siawo dometɔ aɖewo dzɔa agbo siwo nu amewo tona gena ɖe gbedoxɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, bubuwo hã dzɔa kɔkɔeƒe la ŋu hekpɔa egbɔ be ame si medze o la nagaɖo afɔ afi ma le manyamanya me gɔ̃ hã o. Eye wo dometɔ siwo ƒoa xlã gbedoxɔa la dometɔ aɖewo hã nɔa wo nɔewo ɖɔ lim zã kple keli henɔa eŋu dzɔm.\"\nSanhedrin la me tɔwo tea ŋu dea dɔ asi na kpovitɔ siawo be woawɔ. Gbedoxɔmekpovitɔ siawo koe nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Roma ƒe dziɖuɖua ɖe mɔ na be woatsɔ lãnuwo.\nAgbalẽnyala Joachim Jeremias gblɔ be, \"Yesu ƒe nya si wògblɔ esime wova lée, be gbe sia gbe yenɔa anyi ɖe Gbedoxɔa me nɔ nu fiam, ke womelé ye kpɔ o (Mat. 26:55) la me va kɔ nyuie wu, ne wòanye be Gbedoxɔmekpovitɔwoe va lée vavã.\" Agbalẽnyala sia ke xɔe se be, ame siwo wodɔ ɖa gbã be woaɖalé Yesu la hã nye gbedoxɔmekpovitɔwo. (Yoh. 7:32, 45, 46) Wode dɔ asi na asrafo aɖewo kple woƒe amegãwo emegbe be woaɖakplɔ Yesu ava Sanhedrin la ŋkume, eye woawo kee anya kpe asi ɖe eŋu esime wohe apostolo Paulo do go le gbedoxɔa me.—Dɔw. 4:1-3; 5:17-27; 21:27-30.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-march-2020\/blema-yudat%C9%94wo-%C6%92e-gbedox%C9%94mekpovit%C9%94wo\/","date":"2021-01-24T22:16:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-04\/segments\/1610703557462.87\/warc\/CC-MAIN-20210124204052-20210124234052-00600.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995833039,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995833039283752}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.22,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 404\nStanza 1\nYesu ƒe alẽ menye,\nEya ta dzi le dzɔyem\nLe nye kplɔla nyui la ŋuti\nEle dzinye kpɔm le nyiyem,\nEdze sim eye wòlɔ̃m,\nHetsɔ ŋkɔ yeye hã nam.\nStanza 2\nLe eƒe kpɔkplɔ la te\nAnyo nam, manɔ dedie;\nEƒe nyiƒe la vivina,\nAgbevudo me tsi mano;\nEya ta dɔ kple tsikɔ\nMawum akpɔ gbeɖe o.\nStanza 3\nEsi mezu Yesu tɔ,\nAle dzi madzɔm o ma?\nNe meku hã, Yesu lakplɔm\nAyi dziŋgɔli me, axɔm\nÐe eƒe akɔ me kpoo,\nBe madzudzɔ le egbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-404\/","date":"2021-09-23T18:06:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00283.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978863001,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978863000869751}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.205,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 442\nStanza 1\nGbe si gbe Aƒetɔ lado,\nAɖe gamenɔlawo,\nFukpekpewo keŋ ava yi\nAbe drɔ̃eƒe ye ene.\nEkem dzi adzɔ mí ŋ'tɔ\nƐ̃, míako alɔgbɔnu;\nMía ƒ'a-ɖe atso aseye\nAkafu Mawu, mía ɖela.\nStanza 2\nO Yehowa, kpɔ nublanui,\nWu wò ŋku dzi ɖe mía dzi!\nYɔ wò dɔtsɔla kakaawo\nGava wò fofoƒe me!\nMɔ didi la ti ame;\nMía tetekpɔ nanɔ kpuie!\nNe míewɔ aʋa vevie ko,\nKplɔ mí yi ɖe ŋutifafaƒee!\nStanza 3\nGbea-ɖe gbe le nuŋeŋɔli\nMíatsɔ dzidzɔ sɔŋ aŋe\nNu si míeƒã kpl'a-ɖatsi lae,\nFukpekpe lazu dzidzɔ.\nMawu le 'ƒe fiazi dzi\nLanye míaƒe fetu nyui;\nEye le agbe yeye me\nMíakpɔe le ŋutifafaƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-442\/","date":"2021-09-27T06:22:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9947981834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9947981834411621}","num_words":108,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.157,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia gblɔe ɖi be Mesia la ava xexea me ahaɖe amewo tso dɔléle, fukpekpe kple ku si me. Yesu Kristoe nye Mesia la?\nAleke amewo awɔ anya ame si nye Mesia la?\nLe Biblia me nyagblɔɖiwo nu la, dɔ siwo Mesia alo Kristo awɔ la ama ɖe akpa eve me, eye ƒe geɖe atso akpa eveawo dome. * Le dɔ siwo wòawɔ ƒe akpa gbãtɔ gome la, anye amegbetɔ. Biblia-ŋlɔlawo gblɔ Mesia la ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa geɖewo ɖi ale be amewo nate ŋu akpɔ eya amea adze sii bɔbɔe. Le nyateƒe me la, \"ɖaseɖiɖi tso Yesu ŋu\" koŋ ŋue Biblia me nyagblɔɖiwo ku ɖo.\nEsi Yesu nye amegbetɔ la, ewɔ nukunu siwo wòava wɔ le xexea me godoo ne ezu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ la ƒe akpa sue aɖe\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMesia la . . .\nNyagblɔɖi siawo kple bubu geɖewo va eme ɖe Yesu dzi. Eda dɔ na dɔnɔwo hefɔ ame kukuwo hã. To esia wɔwɔ me la, ena míekpɔe dze sii kɔtɛe be eyae nye Mesia la, eye wògana míekpɔ kpeɖodzi sẽŋuwo be nu siwo ŋugbe wodo le Biblia me be ava wɔ le xexea me godoo la ava eme godoo le etsɔme. (Luka 7:21-23; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eyi ɖanɔ Mawu ƒe \"nuɖusi me\" hele lalam be yeawu yeƒe dɔ nu abe Mesia ene.\n\"Ne Kristo la va la, mawɔ dzesi siwo lolo wu esiwo wɔm ŋutsu sia le o ɖe, miekpɔe nenema oa?\"—Yohanes 7:31.\nAleke Mesia la awu eƒe dɔa nui?\nYudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava ɖe yewo tso Romatɔwo te eye wòagbugbɔ Israel ƒe fiaɖuƒea aɖo anyi ahazu eƒe fia. (Dɔwɔwɔwo 1:6) Emegbe hafi Yesu yomedzela siwo nye Yudatɔwo va se egɔme be dziƒoe Yesu anɔ hafi awu dɔ si wòawɔ abe Mesia ene la nu, anye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ si wona ŋusẽ geɖee.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nLe dɔ siwo Mesia awɔ la ƒe akpa evelia gome la . . .\nYesu wu dɔ siwo wòle be wòawɔ abe Mesia ene la ƒe akpa gbãtɔ nu. Awu akpa evelia hã nu godoo. Eya ta ame siwo dze aɖaŋu la srɔ̃a nu tso Yesu ŋu nyuie, elabe eya ŋutɔ gblɔ be: \"Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.\"\n\"Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Aɖu fia . . . ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.\"\n—Psalmo 72:7, 8.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-49","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201502\/mesia-la\/","date":"2021-12-05T21:19:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-49\/segments\/1637964363216.90\/warc\/CC-MAIN-20211205191620-20211205221620-00405.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987892509,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987892508506775}","num_words":402,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.259,"flagged_words_ratio":0.012,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yohanes\nƒe agbalẽ gbãtɔ\n1\nAgbenya la\n1 Nu si li tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese, eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtɛe kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be eyae nye Agbenya la. 2 Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ, eye wòdze na mí la na mi. 3 Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo hã miado ƒome kpli mí, eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo. 4 Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.\nMizɔ le kekeli la me\n5 Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, \"Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o.\" 6 Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. 7 Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.\n8 Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o. 9 Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. 10 Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la, ekema míedo eya amea alakpatɔe, eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1JN01.htm","date":"2022-05-19T12:26:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00339.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984269142,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984269142150879}","num_words":283,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"(Standard Version) [Switch to Student]\nSample Booklists\nNew Search\nGive Feedback\nMenya nu tso mɔ siwo tsɔam tso teƒe yi teƒee la ŋu\nFaith Mwisho\nMountain Top Publishers\nGɔmedze nuxlẽlawo srɔ̃ nu tso lãwo ŋu kple modzakaɖegbalẽ sia.\nCreation date: 2018-07-20\nLevel A\nEwe\nKenya\nBeginning Readers\nDonated\nAdd to Booklist\n0\nRead a Preview:\nBooks Like This:","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-40","url":"https:\/\/bot.worldreader.org\/books\/10031","date":"2022-09-30T12:06:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-40\/segments\/1664030335469.40\/warc\/CC-MAIN-20220930113830-20220930143830-00399.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9943370223,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9943370223045349}","num_words":56,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.089,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.986,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aƒlao\n(Woɖo wò ɖe afii tso Aflao)\nAƒlao alo Aflao enye du si le Ghana kpakple Togo woƒe liƒo dzi. Eŋlisiawo yɔna du sia be 'Aflao'.\nAƒlao ƒe nɔƒeTrɔ trɔ\nAƒlao le Ketu South Distrikt me le Volta Region le Ghana. Distrikt la ƒe toxɔ du ye enye Denu. Togo nye dukɔ si le Ghana ƒe ɣedzeƒe kpa dzi eye Lome enye du si le Togo dukɔ me. Eʋeawo ƒe duwo demetɔ ɖekae nye Aƒlao. Aƒlao nye du mamlɛ tɔ sime na to hafi a geɖe Togo me.\nKluvi siTrɔ trɔ\nLe blemaŋɔli la, Aƒlao nye kluvi si gãtɔ ɖeka. [1] Asi gã aɖe gale Aƒlao fifia eye wodzrana nuvovowo le afima.[2]\nNyasiawo ƒe tsoƒeTrɔ trɔ\n- ↑ Dickson, K. B. \"Trade Patterns in Ghana at the Beginning of the Eighteenth Century.\" Geographical Review 56.3 (1966): 417-431\n- ↑ Aflao on Ghana-Pedia","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/ee.m.wikipedia.org\/wiki\/Aflao","date":"2023-05-30T17:58:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224646076.50\/warc\/CC-MAIN-20230530163210-20230530193210-00695.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993166924,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993166923522949}","num_words":134,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.269,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYABIASE 4\nÐe Biblia Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?\n\"Ekeke dziehedziŋgɔli me ɖe yame, eye meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.\"\n\"Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o. Afi si tɔwo sina tsona la, afi mae wogatrɔna yina, ale be woagasi atso afi ma.\"\n\"Ame aɖe le anyigba nogoo la tame.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/nya-vevi-a%C9%96ewo\/biblia-kple-dz%C9%94dz%C9%94me%C5%8Butinunya\/","date":"2023-05-28T20:30:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224644506.21\/warc\/CC-MAIN-20230528182446-20230528212446-00581.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996523857,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9996523857116699}","num_words":54,"character_repetition_ratio":0.014,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afɔɖeɖe 1\nDi Aɖaŋuɖoɖo Nyui\nNu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ne dzilawo kɔ woƒe vidzĩ ɖe akɔnu zi gbãtɔ la, seselelãme siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋue wosena le wo ɖokui me. Brett, vifofo aɖe si le Britain, gblɔ be: \"Mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe eye nye nu ku. Ke hã, mekpɔe be agba gã aɖee ma dze ŋgɔm, eye mese le ɖokuinye me be nyemele klalo na etsɔtsɔ o.\" Monica, vidada aɖe si le Argentina, hã gblɔ be: \"Metsi dzi le ɖokuinye me nenye be mesu te ate ŋu akpɔ vinye nyɔnuvia ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Mebia ɖokuinye be, 'Ðe mate ŋu ana hehee be wòava zu ame ɖɔʋua?'\"\nNe dzilae nènye la, ɖe èto dzidzɔ kple dzimaɖitsitsi ƒe nɔnɔme ma me kpɔa? Nyateƒee, vihehe nye dɔ siwo sesẽ, evɔ wodoa dzidzɔ na ame, kple dɔ siwo nana ame tsia dzodzodzoe, evɔ woɖea vi geɖe, siwo ame ate ŋu awɔ la, dometɔ ɖeka. Vifofo aɖe gblɔ be, \"mɔnukpɔkpɔ ɖeka koe su asiwò be nàhe viwòa wòadzɔ ame.\" Ne èbu akpa vevi si dzilawo wɔna le wo viwo ƒe lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ me ŋuti la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ehiã vevie be yeaxɔ vihehe ŋuti ɖaŋuɖoɖo si dzi nàte ŋu aka ɖo bene yeanye dzila nyuitɔ.\nNu si ta wòsesẽna: Ame sia ame kloe ɖoa aɖaŋu le vihehe ŋuti. Le blema la, dzila yeyewo xɔa aɖaŋuɖoɖo tso wo dzilawo gbɔ, alo wɔna ɖe woƒe dzixɔsewo ƒe mɔfiafiawo dzi. Gake le dukɔ geɖe me la, ƒomekadodowo me le gbɔdzɔgbɔdzɔm eye subɔsubɔnyawo megakpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi abe tsã ene o. Esia wɔe be dzila geɖewo va le tɔtrɔm ɖe viheheŋutiɖaŋuɖolawo ŋu hena mɔfiame. Nya siwo aɖaŋuɖola siawo gblɔna la dometɔ aɖewo nɔa te ɖe gɔmeɖose nyuiwo dzi. Gake zi geɖe la, woƒe aɖaŋuɖoɖoawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu, eye mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi womegawɔa dɔ o.\nEgbɔkpɔnu: Di aɖaŋuɖoɖo tso Ame si nya ale si woahe ɖeviwoe wu ame ɖe sia ɖe, si nye amegbetɔwo Wɔla, Yehowa Mawu, gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Aɖaŋuɖoɖo siwo le tẽe kple wo ŋu dɔ wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu geɖe le eƒe Nya, Biblia la me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàzu dzila nyui. Edo ŋugbe be: \"Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.\"—Psalmo 32:8.\nAɖaŋu kae Mawu ɖo na dzilawo, siwo ate nu akpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo woanye dzidzɔmewo?—g8\/07.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]\n\"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.\"—Lododowo 3:5","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g200710\/Di-A%C9%96a%C5%8Bu%C9%96o%C9%96o-Nyui\/","date":"2023-10-02T00:56:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510942.97\/warc\/CC-MAIN-20231002001302-20231002031302-00234.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985242486,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985242486000061}","num_words":415,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.243,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ\nNe ʋufɔku dzɔ, eye ame ku, evɔ wònye Kristotɔe le ʋua kum hafi la, afɔ kae hamea aɖe?\nEle be woanɔ anyi abu eŋu nyuie kpɔ be amea ɖi ʋufɔ mahã, elabena mele be ʋufɔ si ame aɖe aɖi la nanɔ hamea dzi o. (Mose V, 21:1-9; 22:8) Nenye be ŋumaɖɔɖo alo Kaisaro ƒe ʋukuse, alo dedienɔnɔ se, aɖe dzi mawɔmawɔ gbɔe wòtso be afɔkua dzɔ la, ʋua kula ate ŋu aɖi ʋufɔ. (Marko 12:14) Gake nu bubuwo li siwo ŋu wòle be woabu.\nEhiã be woadrɔ̃ nya na amewula si si yi ɖe sitsoƒedu siwo nɔ Israel la me. Ne wokpɔe be menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o la, woana wòanɔ dua me bene amesiwo ƒe ame wòwu la ƒe asi nagatui o. (Mose IV, 35:6-25) Eyata ne Kristotɔ aɖe ƒe nuwɔnae wɔe be ame aɖe ku le afɔku aɖe me la, ele be hamemegãwo naku nyaa me akpɔ ɖa be eɖi ʋufɔ mahã? Menye dziɖuɖua alo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nyametsotsowo dzie hamea anɔ te ɖo aɖe afɔ o.\nLe kpɔɖeŋu me, ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu atso nya me be amea ɖi fɔ le esi wòwɔ nane si woate ŋu ayɔ be sedzidada ta, gake ate ŋu adzɔ be hamemegãwo nakpɔe be meɖi ʋufɔ o elabena ɖe nu bliboa lilii kpata loo alo esi wògbɔ alɔme nɛ tae afɔkua dzɔ ɖo. Nenema kee ne ʋɔnudrɔ̃ƒea ya tso nya me be amea meɖi fɔ o la, hamemegãwo ya ate ŋu ava kpɔe be amea ɖi ʋufɔ.\nEle be hamemegã siwo le nyaa me kum la natu woƒe nyametsotso ɖe Ŋɔŋlɔawo kple alesi nua dzɔe tututu ƒe ŋutinya si ŋu kpeɖodzi le—nya siwo ʋukula la ŋutɔ kple\/alo eteƒekpɔlawo eve alo etɔ̃ gblɔ eye kakaɖedzi le wo ŋu—la, dzi. (Mose V, 17:6; Mateo 18:15, 16) Ne wokpɔe be amea ɖi ʋufɔ la, woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe amea ŋu. Ne kɔmiti la kpɔe be ʋufɔɖila la trɔ dzime la, woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aka ŋkume nɛ alesi sɔ eye woaxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le esi le hamea me la le esi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Maganye hamemegã loo alo subɔsubɔdɔwɔla o. Woaxɔ mɔnukpɔkpɔ bubuwo hã le esi. Ke hã, eƒe ŋumaɖɔɖo, ɖekematsɔleme, alo nuxlɔ̃ame dzi mawɔmawɔ si na be afɔkua dzɔ, eye ame aɖe ku, la ƒe nya le woa kple Mawu dome.—Galatiatɔwo 6:5, 7.\nLe kpɔɖeŋu me, ne afɔkua dzɔ le ɣeyiɣi si me yame mekɔ tututu o la, ɖe wòle be ʋua kula naɖɔ ŋu ɖo nyuie hafi. Nenye be alɔ̃e nɔ etsɔm la, ɖe wòle be wòatɔ ahaɖi ɖe eme vaseɖe esime eƒe mo nakɔ, alo ana ame bubu naxɔ ʋua aku, hafi.\nKe ne ɖe wònɔ ʋua kum sesĩe ya ɖe? Ne Kristotɔ aɖe kua ʋu sesĩe wu alesi dze la, esia nye 'dada le Kaisaro ƒe se dzi.' Esi afɔku ate ŋu adzɔ le esia me ta la, efia hã be medea bubu agbe ƒe nukɔkɔenyenye ŋu o. (Mateo 22:21) Le go sia me la, gabu nane ŋu kpɔ.\nNe hamemegã metsɔa Kaisaro ƒe ʋukusewo vevie o alo egbe wo dzi wɔwɔ la, kpɔɖeŋu kae wòanye wòanɔ ɖoɖom na alẽha la?—Petro I, 5:3.\nMele be Kristotɔwo nabia tso amewo si be woaɖo teƒe aɖe ɖe game aɖe, si azi wodzi be woaku ʋu sesĩe wu alesi se ɖe mɔ la, dzi o. Ke hã, zi geɖe la, ɖeko wòle be ameawo nadze mɔa kaba loo alo atrɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu bene wòate ŋu azã ɣeyiɣi si sɔ atsɔ azɔ mɔae. Ne wowɔ esia la, Kristotɔ aɖeke mayi ʋu ku ge sesĩe wu alesi dze o, eye wòate ŋu awɔ ɖe \"dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na\" ƒe ʋukusewo hã dzi. (Romatɔwo 13:1, 5) Esia akpe ɖe ʋukula la ŋu be wòanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku siwo ate ŋu ana wòaɖi ʋufɔ la ŋu. Akpe ɖe eŋu hã be wòanye kpɔɖeŋu nyui ɖola eye dzitsinya nyui hã anɔ esi.—Petro I, 3:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060915\/Nyabiabia-Siwo-Tso-Exl%E1%BA%BDlawo-Gb%C9%94\/","date":"2023-10-01T05:36:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510781.66\/warc\/CC-MAIN-20231001041719-20231001071719-00357.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995837808,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995837807655334}","num_words":630,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.233,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2006 Ŋlɔmi Wɔwɔ Le Ame Tsitsiwo Ŋu Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Evelia Me Biblia ƒe Dzidzenuwo Dzi Wɔwɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði Mele Subɔsubɔm Dzidzɔtɔe Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã Yehowa, \"Amesi Ðe Nuwuwu Fia Le Gɔmedzedzea Me Ke\" 'Tia Agbe, Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe' Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060601\/","date":"2023-09-30T13:12:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510676.40\/warc\/CC-MAIN-20230930113949-20230930143949-00728.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986955523,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986955523490906}","num_words":69,"character_repetition_ratio":0.032,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.208,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Exlẽlawo Bia Be . . .\nÐe Agbe Tegbee Nɔnɔ Le Paradiso Me Ati Mía?\nNyabiase nyui aɖee nye esia. Numekulawo de dzesii be ne nu ti kɔ na ame eteƒe didi la, ate ŋu ana wòava nɔ dzi tsim, alé blanui, alo awɔ nu siwo ade eƒe agbe afɔku me. Agbe ate ŋu ati ame siwo menya taɖodzinu si le agbea ŋu o alo ame siwo woƒe gbesiagbe dɔwo tea ɖeɖi wo ŋu la. Le Paradiso me la, ɖe amewo anɔ agbe taɖodzinu aɖeke manɔmeea? Ðe dzi mava nɔ amewo dzɔm le woƒe gbesiagbe dɔwo me oa?\nGbã la, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa Mawu, ame si nye Biblia Ŋlɔla, lae do agbe mavɔ ƒe ŋugbe la. (Yohanes 3:16; 2 Timoteo 3:16) Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Yehowa lɔ̃ mí vevie, eye egbɔe nu nyui siwo katã le mía si fifia la tso.—Yakobo 1:17.\nMía Wɔla la nya be be míakpɔ dzidzɔ la, ele be míanɔ dɔ si naa dzidzeme ame la wɔm. (Psalmo 139:14-16; Nyagblɔla 3:12) Le Paradisoa me la, dɔwɔlawo mase le wo ɖokui me be viɖe mele yewoƒe dɔ ŋu o. Dɔ siwo woawɔ la aɖe vi na woawo ŋutɔwo kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo tẽe. (Yesaya 65:22-24) Ne èle dɔ si nèsea vivi na si nana nèwɔa susu ŋu dɔ la wɔm gbe sia gbe la, ɖe agbea ati wòa?\nMele be míaŋlɔ be o hã be Yehowa maɖe mɔ ame sia ame ko nanɔ Paradisoa me o. Ame siwo asrɔ̃ Via, Yesu, ƒe kpɔɖeŋu la ko sie agbe mavɔ ƒe nunana la asu. (Yohanes 17:3) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi nɛ. To eƒe nufiafia kple nuwɔna siaa me la, eɖee fia eyomedzelawo be dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Le Paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi me la, ame sia ame atsɔ se vevitɔ eveawo awɔ dɔe—woawoe nye esi ku ɖe Mawu lɔlɔ̃ kple ame havi lɔlɔ̃ ŋu. (Mateo 22:36-40) Ðe dzi madzɔ wò ŋutɔ ne èle ame siwo lɔ̃ wò, eye wolɔ̃ dɔ si wowɔna, eye womedia wo ɖokui tɔ o la dome oa? Èsusu be agbe ati wò ne èle ame siawo ƒomevi domea?\nNu bubu ka hãe míakpɔ mɔ na le Paradisoa me? Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míasrɔ̃ nu yeyewo tso mía Wɔla la ŋu gbe sia gbe. Numekulawo srɔ̃ nu wɔnuku geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. (Romatɔwo 1:20) Gake va se ɖe fifia la, eƒe mɔwo to koe míenya. Ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la, nuteƒewɔla Hiob lé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, eye nya si wògblɔ la gale eteƒe. Egblɔ be: 'Esiawo nye Mawu ƒe mɔwo to ko, eye nu si sem míele la, nye dalĩdodo. Ke ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?'—Hiob 26:14.\nƔeyiɣi didi ka kee míeɖanɔ agbe o, míasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu avɔ gbeɖe o. Biblia gblɔ be Mawu de agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi míaƒe dzi me. Ke hã, Biblia gblɔ kpee be 'míanya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ' ŋu gbeɖe o. (Nyagblɔla 3:10, 11) Èsusu be nu yeyewo sɔsrɔ̃ tso Wɔwòlaa ŋu ava ti wò gbe aɖe gbea?\nFifia gɔ̃ hã la, le ame siwo wɔa dɔ siwo ɖea vi na amewo, eye wòhea ŋutikɔkɔe vae na Mawu gome la, ƒãa hafi agbea tea ɖeɖi wo ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míeyi edzi do vevie nu le dɔ siawo ƒomevi wɔwɔ me la, agbe tegbee nɔnɔ gɔ̃ hã mati mí akpɔ o.\n[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 27]\nAnyigba: Image Science and Analysis Laboratory, NASA-Johnson Space Center; Ɣletiviwo ƒe hatsotso: The Hubble Heritage Team (AURA\/STScI\/NASA)","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20110501\/%C3%90e-Agbe-Tegbee-N%C9%94n%C9%94-Le-Paradiso-Me-Ati-M%C3%ADa\/","date":"2023-09-26T04:57:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510149.21\/warc\/CC-MAIN-20230926043538-20230926073538-00808.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959362745,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959362745285034}","num_words":596,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO 2001-10-08 Ðe Amegbetɔ Le Eya Ŋutɔ ƒe Nuɖuɖu Dome Gblẽma? Nu Vovovowo—Wole Vevie na Agbenɔnɔ Amekae Anyi Xexeame? Aleke Mawɔ Adzudzɔ Dzitsitsi Alea Gbegbe? Kete—Fiawo Ƒe Avɔ Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea? Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La Afrika Dugã aɖe si me Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe Do Go Le Afikae Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Se Ðo? Koklo—Ebɔ eye Amesiame Lɔ̃nɛ","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20011008\/","date":"2023-12-09T15:25:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100912.91\/warc\/CC-MAIN-20231209134916-20231209164916-00197.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980477691,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980477690696716}","num_words":58,"character_repetition_ratio":0.022,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.172,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Nèxɔa Nusi Mèkpɔna O Dzi Senaa?\nNE AME aɖe gblɔ be, 'Nusi mekpɔ kple ŋku dzi koe mexɔna sena' la, alakpae. Le nyateƒe me la, mí katã míexɔa nusiwo míekpɔna kple ŋku o dzi sena.\nLe kpɔɖeŋu me esime nènɔ suku la, ɖewohĩ miedo nu kpɔ be yewoanya ne ŋusẽ aɖe li hea nuwo hã. Alesi wote ŋu wɔa nudodokpɔ lae nye si: Wu gayibɔ tutu ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi. Emegbe nàtsɔ agbalẽ ɖeɖeea da ɖe galénu (magnet) dzi. Ne èʋuʋu agbalẽ ɖeɖeea la, gayibɔ tutuawo ƒoaƒu ɖe galénua ƒe nugbɔwo eye wonɔa fli aɖe me wòsɔna ɖe galénua ƒe ŋusẽ ƒe nɔnɔme nu, àbu be akunyawɔwɔ ye. Esi nèwɔ nusia la, ɖe nèkpɔ ŋusẽ si lé ga la kple ŋkua? Ao, gake ŋusẽ si wòkpɔ ɖe gayibɔ tutuawo dzie ŋku kpɔ, eye wònye kpeɖodzi si me kɔ na wò be ŋusẽ aɖe li si hea nuwo.\nNu bubuwo li míekpɔna kple ŋku o gake míexɔa wo dzi sena ɖimakemakee. Ne míele nutata dzeani aɖe kpɔm alo le ŋku lém ɖe nukpakpɛ nyui aɖe ŋu la, míekea ɖi be menye nutala aɖee tae alo be menye nukpala aɖee kpae o. Eyata ne míele ŋugble dem le tsitsetse aɖe ŋu alo le ɣe ƒe toɖoɖo kpɔm la, ɖe mele be wòaʋã mí teti míabui be anye Aɖaŋuwɔla alo Nukpala Gã aɖee wɔ wo oa?\nNusita Ame Aɖewo Mexɔna Sena O\nEwɔ mo yaa ŋutɔ be ame aɖewo dzudzɔ Mawu dzi xɔxɔ se le nusi wofia wo le sɔleme ta. Aleae wònɔ le Norway ŋutsu aɖe si wogblɔ na be Mawu mèa amewo le dzomavɔ me la gome. Ŋutsua menya Mawu ka ƒomevie awɔ funyafunya amewo nenema o, eyata ezu mawudzimaxɔsela.\nGake emegbe la, ŋutsua lɔ̃ be Yehowa Ðasefo aɖe nakpe ɖe ye ŋu yeaku Biblia me. Ewɔ nuku nɛ esi wòva nya be Biblia mefia be wowɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le dzomavɔ me o. Biblia tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Míegasea veve aɖeke le yɔdo me o; míeganyaa naneke kura o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ŋutsua srɔ̃e hã be amesiwo Mawu adrɔ̃ ʋɔnui be wonye ame vɔ̃ɖi matrɔdzimewo la atsi yɔdo me tegbee. (Mateo 12:31, 32) Woafɔ ame kuku mamlɛawo ɖe tsitre le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi, eye mɔkpɔkpɔ anɔ wo si be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me. (Yohanes 5:28, 29; 17:3) Susu nɔ numeɖeɖe sia me nɛ. Ewɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be 'Mawu nye lɔlɔ̃.' (Yohanes I, 4:8) Ŋutsu dzianukwaretɔ sia yi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva lɔ̃ Mawu si tɔ Biblia nye.\nAme bubuwo gbe be Wɔla lɔ̃ame aɖeke meli o le alesi fukpekpe kple numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ ta. Wowɔ ɖeka kple Sweden ŋutsu aɖe si fia asi dziƒo kpɔ gbeɖeka hebia be: \"Aleke wɔ hafi Mawu ŋusẽkatãtɔ si nye nusianu nala anɔ dziƒo afima evɔ nufitifitiwɔwɔ kple tagbɔsesẽ bɔ ɖe mía dome afisia alea gbegbe?\" Le esi ame aɖeke mete ŋu ɖo eƒe biabiaa ŋu nɛ o ta la, eya hã zu mawudzimaxɔsela. Emegbe eva te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Eva srɔ̃e be ŋuɖoɖo si me kɔ la *le Mawu ƒe Nya la me na nya si wobiana tso gbaɖegbe ke be, Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu ɖo?\nŊutsu dzinyuitɔ sia srɔ̃e be vɔ̃ɖinyenye si li ɖeɖe mefia be Mawu meli o. Le kpɔɖeŋu me: Ame aɖe ate ŋu awɔ hɛ be woatsɔ atso lãe. Nuƒlela ate ŋu ava ƒle hɛa atsɔ wu amee, ke matsɔe atso lãe o. Hɛa zazã le mɔ gbegblẽ nu mefia le mɔ aɖeke nu be ewɔla meli o. Nenema ke alesi womezã anyigba le alesi woɖoe be woazãe nu o la mefia be Ewɔla meli o.\nBiblia fia be Mawu ƒe dɔwɔnawo de blibo. \"Alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.\" (Mose V, 32:4) Mawu naa nunana nyuiwo amewo, gake wozã nunanaawo dometɔ aɖewo yakayaka, wòna amewo kpe fu manyatalenuwo. (Yakobo 1:17) Gake Mawu atsi fukpekpe nu. Emegbe la, \"ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, . . . eye woanɔ edzi tegbee.\"—Psalmo 37:11, 29.\nEsi Sweden ŋutsu si ƒe nya míegblɔ va yi kpɔ alesi ehavi amegbetɔwo nɔ fu kpemee la, ewɔ dɔ ɖe edzi. Le nyateƒe me la, eƒe vevesese ɖe amewo nu ɖo kpe edzi be Mawu li. Le mɔ ka nu?\nLe ame akpa gãtɔ gome la, nɔnɔmetɔtrɔ dzi koe woxɔ se le Mawudzimaxɔse megbe. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo fiaa \"sesẽ nàɖu\" nufiafia—si fia be amegbetɔwo kple lãwo ʋlia ho kple wo nɔewo be yewoatsi agbe. Sesẽawo tsia agbe; beliawo kuna. Wobe nenemae nuwo le le dzɔdzɔme nu. Gake ne wòle \"dzɔdzɔme\" nu be beliawo naku ne sesẽawo nakpɔ mɔ anɔ agbe la, ke nukae míagblɔ le alesi wòwɔa dɔ ɖe ame sesẽ aɖewo dzi ne wokpɔ wo havi amegbetɔ wòle fu kpem ŋu, abe alesi wònɔ le Sweden ŋutsua gome ene?\nMawu Nyanya\nMíate ŋu akpɔ Mawu o le esi eƒe dzedzeme mele abe amegbetɔ tɔ ene o ta. Ke hã Mawu di be míanya ye. Mɔ siwo dzi míato adze sii dometɔ ɖekae nye be míalé ŋku ɖe eƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu—siwo nye xexemewɔwɔ ƒe \"nutatawo\" kple \"nukpakpawo.\" Biblia gblɔ le Romatɔwo 1:20 be: \"Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.\" Ẽ, abe alesi ŋkuléle ɖe nutata alo nukpakpa ŋu ate ŋu ana nànya amesi ƒomevi aɖaŋuwɔla la nye ene la, nenema ke ŋugbledede le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdze si amesi ƒomevi wònye nyuie.\nEle eme baa be míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia ɖefunamewo katã ne míelé ŋku ɖe nusiwo Mawu wɔ ŋu dzro ko o. Gake míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia mawo ne míedzro Mawu ƒe Nya, Biblia me. Esi ŋutsu eve siwo ƒe nya míegblɔ va yi lɔ̃ faa xlẽ Biblia tae wova kpɔe be Mawu li eye be etsɔa ɖe le nusiwo dzɔna ɖe mía dzi me.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 8 Ne èdi nyatakaka bubuwo tso susu siwo ta Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la, ke taflatse kpɔ agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 10.\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]\nJ. Hester and P. Scowen (AZ State Univ.), NASA","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000615\/%C3%90e-N%C3%A8x%C9%94a-Nusi-M%C3%A8kp%C9%94na-O-Dzi-Senaa\/","date":"2023-12-06T10:34:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100593.71\/warc\/CC-MAIN-20231206095331-20231206125331-00897.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990286827,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990286827087402}","num_words":1029,"character_repetition_ratio":0.034,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu Ƒe Nukunuwo—Wodzɔ Ŋutɔŋutɔa Alo Nyakpakpae?\n\"WOTSƆ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va [Yesu Kristo gbɔ]; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti.\" (Mateo 8:16) \"Esi [Yesu nyɔ] la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gã aɖe zi.\" (Marko 4:39) Aleke nèbua nya siawoe? Ðe nèxɔe se be woɖɔ nusiwo dzɔ le ŋutinya me ŋutɔŋutɔa, alo nèsusu be nyakpakpa siwo nye gli dzro aɖewo koe wonyea?\nAme geɖe kea ɖi le Yesu ƒe nukunuwo ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye ŋu vevie egbea. Esi míele ɣeyiɣi siwo me wozãa didiƒekpɔmɔ̃wo kple nusuekpɔmɔ̃wo, dea yamenutowo me, eye wote ŋu trɔa nugbagbewo ƒe agbedomenyiŋusẽ ta la, amewo megalɔ̃na xɔa nukunuwo kple Mawu ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ ŋuti nyatakakawo dzi sena o.\nAme aɖewo susuna be nukunuwo ŋuti nuŋlɔɖiwo nye nususugblɔwo alo nyakpakpawo ko. Le agbalẽ aɖe ŋlɔla si be yeku nu me tsitotsito tso amesi Yesu nye \"ŋutɔŋutɔ\" ŋu ƒe nya nu la, Kristo ƒe nukunuwo ŋutinyawo nye \"boblodonya\" siwo wotsɔ le Kristotɔnyenye kakamee dzro ko.\nAme aɖewo hã bua Yesu ƒe nukunuwo be wonye ameblenyawo sɔŋ. Ɣeaɖewoɣi la, wobua Yesu ŋutɔ be enye ameblela. Le Justin Martyr si nɔ anyi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me ƒe nya nu la, Yesu ŋuti ɖeklemiɖelawo \"yɔe kura gɔ̃ hã be enye akunyawɔla\nkple amewo blela.\" Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be Yesu \"mewɔ nukunuwo abe Yudatɔ nyagblɔɖila o, ke abe akunyawɔla si wona hehee le trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔwo me ene boŋ.\"\nNusi Womate Ŋu Awɔ O Me Ðeɖe\nAwɔ na wò be ɖikeke mawo ɖe susu vevi si ta amewo melɔ̃na xɔa nukunuwo dzi sena o la me. Kpuie ko la, esesẽna na wo be woaxɔe ase be ŋusẽ siwo de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ ate ŋu awɔ nukunuwo, alo kura gɔ̃ hã be womate ŋu adzɔ o. Ðekakpui aɖe si nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela gblɔ be: \"Kpuie ko la, nukunuwo medzɔna o—evɔ.\" Emegbe eyɔ ƒe alafa 18 lia me Scotlandtɔ xexemenunyala David Hume, ƒe nyawo, amesi ŋlɔ be: \"Nukunu wɔwɔ nye dzɔdzɔmesewo dzi dada.\"\nKe hã, anyo be ame geɖe nakpɔ nyuie le gbɔgblɔ kakaɖedzitɔe be nane mate ŋu adzɔ o ŋuti. The World Book Encyclopedia yɔ nukunu be enye \"nudzɔdzɔ aɖe si me womate ŋu aɖe to dzɔdzɔmese siwo míenya dzi o.\" Le numeɖeɖe ma nu la, efia be yamenutome yiyi, radio kadodomɔnuwo, kple yamenyatakakaxɔɖoɖamɔ ŋudɔwɔwɔ ate ŋu adze abe \"nukunuwo\" ene na ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi ƒe alafa ɖeka ko enye esi va yi. Le nyateƒe me la, nunya mele eme be woagblɔ kakaɖedzitɔe be nukunuwo mate ŋu adzɔ o le esi míate ŋu ato sidzedze si le mía si fifia dzi aɖe wo me o ta o.\nNe míedzro nukunu aɖewo siwo dzi Ŋɔŋlɔawo ɖo kpee be Yesu Kristoe wɔ wo me la, nuka ŋue míake ɖo? Ðe Yesu ƒe nukunuawo nye nu ŋutɔŋutɔ loo alo nyakpakpaa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20040715\/Yesu-%C6%91e-Nukunuwo%E2%80%8B-Wodz%C9%94-%C5%8Aut%C9%94%C5%8But%C9%94a-Alo-Nyakpakpae\/","date":"2023-12-07T09:59:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100651.34\/warc\/CC-MAIN-20231207090036-20231207120036-00669.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991513491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999151349067688}","num_words":497,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Dzi Dzɔ Wo be Yewosrɔ̃ Nuxexlẽ!\nLE Solomon Islands ƒe akpa aɖewo la, amesiwo nye Yehowa Ðasefowo fifia dometɔ 80 le alafa me lɔƒoe menya nuxexlẽ o. Menye ɖeko esia ɖe woƒe gomekpɔkpɔ le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo me dzi kpɔtɔ o ke ena wòsesẽ na wo be woafia Fiaɖuƒea ƒe nyateƒeawo hã ame bubuwo. Ðe wòanya wɔ na ame tsitsi siwo melé nuŋlɔti kpɔ gbeɖe o be woava nye agbalẽnyalawoa?\nWozã agbalẽ gbadza si nye Apply Yourself to Reading and Writing, si Yehowa Ðasefowo ta, le agbalẽsrɔ̃sukuwo me le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖesiaɖe kloe si le Solomon Islands me. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖe alesi woto ɖoɖo yeye sia dzi kpe ɖe ame alafa geɖe ŋu wotu ŋutete yeyewo ɖo la fia. Vevietɔ wu la, nuxexlẽ sɔsrɔ̃ kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu ɖia ɖase nyuie na amewo tso woƒe xɔse ŋu.—Petro I, 3:15.\nDutanyanyuigblɔla si woɖo ɖe hame aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖela alafa ɖeka kple edzivɔ le de dzesii be le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ si wozãa Gbetakpɔxɔ tsɔ wɔnae me la, ame ʋɛ aɖewo ko sie magazine sia nɔna eye esiwo le ʋɛ wu koe ɖoa nyawo ŋu. Nuka gbɔe wòtso? Agbalẽmanyamanyae. Esi woɖe gbeƒã le hamea me be woaɖo suku aɖe si me woafia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le la, dutanyanyuigblɔla la tsɔ eɖokui na faa be yeafia nu. Gbã la, sukuvi ʋɛ aɖewo koe vana, gake eteƒe medidi o ame 40 kple edzivɔ siwo xɔ ƒe vovovowoe dena.\nNukae do tso eme? Dutanyanyuigblɔlaa gblɔ be: \"Le agbalẽsrɔ̃sukua gɔmedzedze ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, meyi ɖe asime le ŋdi ga ade me be maƒle nuɖuɖu na dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒomea. Mekpɔ sukuviawo dometɔ aɖewo, kple ɖevi suewo gɔ̃ hã, le afima wonɔ yevune kple detsiƒonuwo dzram. Nukatae? Elabenawodi be yewoakpɔ ga atsɔ aƒle nuŋlɔti kple agbalẽ si yewoazã le agbalẽsrɔ̃sukua me! Azɔ hã alesi Gbetakpɔxɔ anɔ wo dometɔ ɖesiaɖe si tae wole sukua vam ɖo.\" Egblɔ kpee be: \"Fifia le hamea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa kpɔa gome le eme, eye agbe nɔa míaƒe numedzodzroa me.\" Dutanyanyuigblɔla sia gakpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime sukuviawo dometɔ ene bia nenye be yewoate ŋu akpɔ gome le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa me elabena, abe alesi woa ŋutɔwo gblɔe ene la, 'womegavɔ̃na o.'\nŊusẽ nyui si esia kpɔ ɖe agbalẽsrɔ̃sukua delawo dzi la de ŋgɔ wu nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ko. Le kpɔɖeŋu me, ƒe geɖee nye ma si hamea tsi dzi ɖe Ðasefo aɖe si srɔ̃nyɔnu menye Ðasefo o ŋu. Ne amewo do dziku nɛ vie ko la, eƒua kpe wo eye wòtsɔa ati ɖe nyɔnu bubuwo gɔ̃ hã ŋu. Ne eyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple srɔ̃ŋutsua ɣeaɖewoɣi la, eʋãa ŋu ɖe srɔ̃ŋutsua nu ale gbegbe be ɖeko ŋutsua te gaŋkui yibɔ ɖɔɖɔ ale be nyɔnua nagabu fɔe be ele nyɔnu bubuwo kpɔm o.\nGake esi wodze agbalẽsrɔ̃sukua gɔme emegbe kpuie la, nyɔnu sia wɔ dzaa bia be: \"Mate ŋu ade sukua mahã?\" Woɖo eŋu nɛ be ẽ. Tso ɣemaɣi la, sukua alo hamea ƒe kpekpewo meto eŋu ŋkeke ɖeka kpɔ o. Eku kutri le eƒe nuxexlẽ sɔsrɔ̃a me eye wòwɔ ŋgɔyiyi nukutɔe, si na wòkpɔa dzidzɔ vevie. Nusi wòbia ɖe eyome enye: \"Mate ŋu asrɔ̃ Biblia kple mi mahã?\" Srɔ̃ŋutsua lɔ̃ faa dze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii, eye wòyi edzi wɔ ŋgɔyiyi le eƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ kpakple Biblia ŋuti sidzedzea me.\nLe amesi xɔ ƒe 50, si melé nuŋlɔti kpɔ gbeɖe o gome la, nuŋlɔti lelé atsɔ aŋlɔ ŋɔŋlɔdzesiwoe le gɔmedzedzea me ate ŋu anye kuxi gã aɖe. Alesi wo dometɔ aɖewo léa nuŋlɔtia sesĩe ɖe agbalẽa dzi le gɔmedzedzea me na woƒe asibidɛwo nu ɖo loholoho. Le agbagbadzedze kwasiɖa geɖe be woalé nuŋlɔti megbe la, sukuviawo dometɔ aɖewo gblɔ kple dzidzɔ gã aɖe be: \"Mate ŋu aʋã asi le agbalẽa dzi bɔbɔe!\" Sukuviawo ƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ kpɔkpɔ hã doa dzidzɔ na nufialaawo. Nufiala ɖeka gblɔ be: \"Nufiafia sukuviwo nyea nusi doa dzidzɔ geɖe na ame, eye sukuviawo ɖea alesi wokpɔa ŋudzedze ɖe nunana sia si tso Yehowa gbɔ fiana to akpe sisi le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe nuwuwu me.\"\nÐasefo siawo siwo va nya nuxexlẽ azɔ tsɔ kpe ɖe dutanyanyuigblɔlawo ŋu le dzidzɔ kpɔm. Nukatae? Elabena woate ŋu azã woƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ŋutete atsɔ ade bubu Yehowa ŋu azɔ.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]\nÐeviwo kple tsitsiawo siaa kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽsɔsrɔ̃sukua ŋu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020815\/Dzi-Dz%C9%94-Wo-be-Yewosr%C9%94%CC%83-Nuxexl%E1%BA%BD\/","date":"2023-12-11T08:23:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679103810.88\/warc\/CC-MAIN-20231211080606-20231211110606-00695.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9994149208,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9994149208068848}","num_words":714,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÈkpɔ ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukatae wòsɔ egbea be woade ŋugble le nyabiabia siwo wofɔ ɖe te le Hiob ta 38 lia me ŋu?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã mate ŋu ase dɔ wɔnuku geɖe siwo dzi Mawu he míaƒe susu yii la gɔme bliboe o. Esiawo nye alesi nuheŋusẽ naa anyigba trona, nusi tututu kekeli nye, nusita sno kakɛwo meɖi wo nɔewo o, alesi tsi gege toŋtoŋ zua tsidzadzae, kple alesi ŋusẽ ƒoa ƒu zua dziɖegbee.—4\/15, axa 4-11.\n• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo?\nAsaf, Barux kple Naomi siaa to dziɖeleameƒo alo blanuiléle ƒe seselelãme bubuwo me kpɔ, eyata alesi wokpe akɔ kple nɔnɔme mawo dzidzedzetɔe ƒe nuŋlɔɖi siwo le Ŋɔŋlɔawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.—4\/15, axa 22-4.\n• Mɔ nyui kawo dzie woate ŋu ato akpe ɖe Kristotɔ ahosiwo ŋu?\nXɔlɔ̃wo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu faa. Ƒometɔwo alo ame bubuwo ate ŋu ana ga alo ŋutilãmenuwo ƒe kpekpeɖeŋu amesiwo hiãe ŋutɔŋutɔ. Hati Kristotɔwo hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu to nunana lɔlɔ̃tɔe me tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu kple akɔfafa ŋu.—5\/1, axa 5-7.\n• Nukatae wòle vevie be woaɖe srɔ̃ \"le Aƒetɔ la me,\" abe alesi Korintotɔwo I, 7:39 xlɔ̃ nu ene?\nZi geɖe la, dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe hea afɔku geɖe vɛ. Gawu la, mawumeɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu. Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe Nya dzi la, míaƒe dziwo mabu fɔ mí o. (Yohanes I, 3:21, 22)—5\/15, axa 20-1.\n• Esi Yehowa koe nye amesi ate ŋu atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí ta la, nukatae wòle be Kristotɔwo naʋu woƒe nuvɔ̃ gãwo me na hamemegã siwo le hamea me?\nNyateƒee, Yehowa ƒe nuvɔ̃tsɔtsɔkee wòle be Kristotɔ nabia. (Samuel II, 12:13) Gake abe alesi nyagblɔɖila Natan na kpekpeɖeŋu Dawid ene la, nenema ke hamemegã siwo le hamea me hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo. Hamemegãwo gbɔ yiyi nye nusi sɔ le mɔfiame si wona le Yakobo 5:14, 15. 6\/1, axa 31.\n• Nukae ɖee fia be ele be woalé be na tsyɔ̃evi kple ahosi siwo ɖo xaxa me?\nNuŋlɔɖiwo ɖee fia be beléle na amesiawo tɔgbe na blema Hebri nyateƒe tadeagulawo kple Kristotɔ gbãtɔwo siaa ɖe dzesi. (Mose II, 22:22, 23; Galatiatɔwo 2:9, 10; Yakobo 1:27) Apostolo Paulo na Kristotɔwo Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo me kɔ be woakpɔ ahosi siwo ɖo xaxa me dzi. (Timoteo I, 5:3-16)—6\/15, axa 9-11.\n• Nu vevi kae naa dzidzɔkpɔkpɔ kple gɔmesese nɔa agbe ŋu?\nEle be míatu ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple mía Fofo si le dziƒo Yehowa ɖo ahalé eme ɖe asi. Biblia sɔsrɔ̃ nye mɔ vevi si dzi míate ŋu ato awɔ esia.—7\/1, axa 4-5.\n• Ðe gbɔgbɔ makumaku le amegbetɔ ɖesiaɖe si si nɔa agbe le ku megbea?\nTogbɔ be ame aɖewo xɔe se be gbɔgbɔ aɖe—menye luʋɔ o—mekuna o hã la, Biblia meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Eɖee fia be ne ame ku la, egbugbɔna zua anyi eye meganɔa agbe o. Gake ŋutete le Mawu si be wòagbɔ agbee, eyata agbenɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ to tsitretsitsi dzi kpɔ Mawu ŋku me. (Nyagblɔla 12:7)—7\/15, axa 3-6.\n• Afikae Daniel nɔ esime wodo Hebrivi etɔ̃awo kpɔ le Dura-bali me?\nBiblia megblɔe o. Anye be womebia tso Daniel si be wòanɔ afima o le ɖoƒe kɔkɔ si nɔ esi ta, alo anya yi dɔ tɔxɛ aɖe gbe. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be ewɔ nuteƒe na Yehowa tamanamanatɔe.—8\/1, axa 31.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010815\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2023-12-11T10:04:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679103810.88\/warc\/CC-MAIN-20231211080606-20231211110606-00767.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975693226,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9975693225860596}","num_words":559,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Saul ƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Na Wotsi Tre Ðe Eŋu\nYUDATƆ siwo le Damasko ƒe nu koe tsi te. Aleke wɔ dekɔnuwo taʋlila atrɔ zu xɔsegbelae? Wonya Saul tsã be enye Yesu yomedzelawo yometila le Yerusalem. Eva Damasko be yeati nusrɔ̃la siwo le afima yome. Gake eya ŋutɔe ma le gbeƒã ɖem amesi wodo vloe heklã ɖe ati ŋuti be egblɔ busunya la, be eyae nye Mesia la! Alo ɖe Saul ƒe tagbɔ gblẽa?—Dɔwɔwɔwo 9:1, 2, 20-22.\nÐewohĩ nanee dzɔ. Ðewohĩ ame bubu siwo zɔ mɔ tso Yerusalem kple asitsaha siwo Saul zɔ kplii anya gblɔ nusi dzɔ le mɔa dzi. Esi wogogo Damasko la, kasia keklẽ sẽŋu aɖe klẽ ƒo xlã wo, eye wo katã wodze anyi. Wose gbeɖiɖi aɖe hã. Nuvevi mewɔ ame aɖeke o negbe Saul ko. Emlɔ anyi ɖe mɔa dzi. Esi wòtsi tre mlɔeba la, amesiwo le mɔ zɔm kplii lae lé eƒe alɔnu yi Damasko-dua me elabena eƒe ŋkuwo tsi.—Dɔwɔwɔwo 9:3-8; 26:13, 14.\nTsitretsiɖeŋula Trɔ Zu Amedzidela\nNukae dzɔ ɖe Saul dzi le Damasko-mɔ dzi? Ðe wòanye be ɖeɖiteameŋu le mɔa ƒe didi ta alo ŋdɔkutsu ƒe ʋuʋu helĩhelĩ tae wòyrɔ tsi anyigba ɖoa? Esi egbegbe ɖeklemiɖelawo dze agbagba be yewoadi nusitae nusia dzɔ ɖo la, wogblɔ be tagbɔgbegblẽ, bubu be wole nane kpɔm le susu me, tamesusu ƒe vevesese si va Saul dzi le esi eƒe dzitsinya tɔtɔ ta, susume nuxaxa vevie, kple kura gɔ̃ hã be anyidzedɔ si anya nɔ Saul ŋue na wòdze anyi.\nNyateƒeae nye be Yesu Kristoe ɖe eɖokui fia Saul le keklẽ sẽŋu ma me, hele kpe ɖom edzi nɛ be yee nye Mesia la. Le nɔnɔmetata aɖewo me la, àkpɔ Saul wòle gegem tso sɔ dzi. Togbɔ be ate ŋu adzɔ nenema hã la, ɖeko Biblia ya gblɔe kpuie ko be 'edze anyi.' (Dɔwɔwɔwo 22:6-11) Eɖanye aleke kee Saul dze anyii o, ŋukpe si wòɖu le ɖoƒe si nɔ esi tsã ƒe gege le esi ta ya mele gbɔgblɔ me o. Fifia ele nɛ be wòalɔ̃ ɖe edzi be gbedasi si Yesu yomedzelawo le gbeƒã ɖemee lae nye nyateƒea. Mɔ ɖeka kolia si ʋu ɖi na Saul koe nye be wòawɔ ɖeka kpli wo. Saul si tsi tre ɖe Yesu ƒe gbedasia ŋu tsã la va zu eta ʋlila vevitɔ. Esi Saul ƒe ŋkuwo ʋu eye wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, 'egasẽ ŋu ɖe edzi wu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfia kɔte bena, amesiae nye Kristo.'—Dɔwɔwɔwo 9:22.\nWodi be Woawui Gake Womete Ŋui O\nAfikae Saul si wova yɔ be Paulo yi le eƒe dzimetɔtrɔ megbe? Esi wònɔ lɛta ŋlɔm na Galatiatɔwo la, egblɔ be: \"Metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.\" (Galatiatɔwo 1:17) Nyagbe \"Arabia\" si wozã ate ŋu afia mɔzɔzɔ yi Arabia-ƒukpoa ƒe akpa aɖe. Agbalẽnyala aɖewo susu be anye Syria-dzogbe alo teƒe bubu aɖe le Nabataeatɔwo ƒe du siwo le Areta IV ƒe fiaɖuƒea dometɔ aɖe mee wòyi. Ate ŋu anye be le Saul ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, eyi teƒe ɣaɣlɛ aɖe hena ŋugbledede tso gbɔgbɔmenuwo ŋu abe alesi Yesu hã yi gbedzi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe ene.—Luka 4:1.\nEsi Saul trɔ yi Damasko la, \"Yudatɔwo de aɖaŋu, bena yewoawui.\" (Dɔwɔwɔwo 9:23) Fia Areta teƒenɔla si nɔ dzi ɖum le Damasko dzɔ dua ŋu bene yealé Saul. (Korintotɔwo II, 11:32) Gake esi futɔwo wɔ ɖoɖo be woawu Saul la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖoɖo wòsi.\nAmesiwo kpe ɖe Saul ŋu wòsi dometɔ aɖewoe nye Anania kple nusrɔ̃la siwo apostoloa zɔ kpli le eƒe dzimetɔtrɔ megbe teti. * (Dɔwɔwɔwo 9:17-19) Amesiwo Saul ɖe gbeƒã na le Damasko wozu xɔsetɔwo dometɔ aɖewo hã anya kpe ɖe eŋu elabena Dɔwɔwɔwo 9:25 gblɔ be: \"Ke nusrɔ̃lawo tsɔe le zã me heto gli dzi ɖiɖi ɖe anyigba le kusi me.\" Nyagbe \"nusrɔ̃lawo\" ate ŋu afia amesiwo wòfia nui. Aleke kee wòɖanye o, eƒe subɔsubɔdɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ na be amesiwo lé fui ƒe fulélea nu gasẽ ɖe edzi.\nNusɔsrɔ̃ aɖe Le Eme na Mí\nNe míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ le Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɣeyiɣiwo me ŋu la, ana eme nakɔ na mí ƒã be menye nusi ame bubuwo asusu le eŋu ye le vevie nɛ o, eye yometiti sesẽ hã mena wòna ta o. Nusi nɔ vevie na Saul wu enye gbeƒãɖeɖedɔ si wode esi.—Dɔwɔwɔwo 22:14, 15.\nNyitsɔ laa sia koe nèva de dzesii be gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe dɔa le veviea? Ne nenemae la, ekema ènya be ele be Kristotɔ vavãtɔwo katã nanye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo. Ne wò gbeƒãɖeɖedɔa na wotsi tre ɖe ŋuwò vevie ɣeaɖewoɣi hã la, mele be wòawɔ mo yaa na wò o. (Mateo 24:9; Luka 21:12; Petro I, 2:20) Alesi Saul wɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu nui nye kpɔɖeŋu na mí. Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ siwo doa dzi le xaxawo me eye womenaa ta o la ŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: \"Amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.\" Gake ede dzi ƒo na wo hã be: \"Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.\"—Luka 21:17-19.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n[Nɔnɔmetata si le axa 28]\nSaul \"dze anyi\" esi Yesu ɖe eɖokui fiae\n[Nɔnɔmetata si le axa 29]\nSaul si le nugbe si woɖo be woawui le Damasko nu","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050115\/Saul-%C6%92e-Gbe%C6%92%C3%A3%C9%96e%C9%96ed%C9%94a-Na-Wotsi-Tre-%C3%90e-E%C5%8Bu\/","date":"2023-12-10T20:12:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102637.84\/warc\/CC-MAIN-20231210190744-20231210220744-00367.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985823631,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985823631286621}","num_words":830,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO November 8, 2000 Lãmesẽ si Nyo Wu—Ðe Wole Mɔnu Yeye Zãmaa? Atikewɔmɔnu Bubuwo—Nusita Ame Geɖe Zãa Wo Ŋkuléle Ðe Atikewɔmɔnu Bubuwo Ŋu Atikewɔmɔnu si Nàtia Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea? Ðe Wòle Be Ɣletiviwo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia? Ameɖeɖe Wɔnuku Aɖe Dɔnɔdzikpɔlawo—Nukata Míehiã Wo Ðo? Akpa Vevi si Dɔnɔdzikpɔlawo Wɔna Xɔse Dodokpɔ le Poland Agbagbadzedze be Woaɖe Vatican Ða le Dukɔ Ƒoƒuawo Me","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20001108\/","date":"2023-11-30T14:38:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100227.61\/warc\/CC-MAIN-20231130130218-20231130160218-00137.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989436269,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989436268806458}","num_words":68,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.147,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Nèle Eɖem Fia Ame Bubuwo Be Yedzea?\n'Nyemetsɔ ɖeke le nusi amewo agblɔ me o!' Le dziku alo dziɖeleameƒo ta la, ɖewohĩ èƒo nu kakaɖedzitɔe alea kpɔ. Gake ne dzikua nu fa la, àva kpɔe be yetsi dzi ɖe nusi dzɔ ŋu. Nukatae? Elabena mía dometɔ akpa gãtɔ tsɔ ɖe le nusi ame bubuwo susuna le mía ŋu me nyateƒe.\nLE NYATEƑE me la, ele be míatsɔ ɖe le amewo ƒe seselelãmewo me. Vevietɔe nye be ele be ɖetsɔleme nyuitɔ nanɔ mí Kristotɔwo, amesiwo Yehowa Mawu ɖo subɔlawoe, me ɖe alesi amewo kpɔa míi ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, míenye \"nukpɔkpɔ na xexeame.\" (Korintotɔwo I, 4:9) Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí le Korintotɔwo II, 6:3, 4 be: \"Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o, ke boŋ le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene.\"\nGake nukae wòfia be míaɖe mía ɖokui afia ame bubuwo be míedze? Ðe wòfia be míado mía ɖokui ɖe dzi alo míahe amewo ƒe susu ava mía ɖokui alo míaƒe ŋutetewo dzi madzemadzeea? Ao. Ke boŋ ebia be míatsɔ Petro I, 2:12 me nyawo awɔ dɔe be: \"Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene . . . le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.\" Kristotɔwo to agbenyuinɔnɔ dzi ɖea wo ɖokui fiana be yewodze! Mlɔeba la, esia hea kafukafu vɛ na Mawu, ke menye na míawo o. Ke hã mía ɖokui ɖeɖefia ame bubuwo be míedze ate ŋu aɖe vi na mía ŋutɔwo hã. Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu esia ate ŋu aɖe vi na wò la me.\nBe Yeava Nye Srɔ̃tɔ Nyui\nLe kpɔɖeŋu me, bu srɔ̃ɖeɖe ŋu kpɔ. Nunanae wònye tso Yehowa Mawu gbɔ, amesi \"gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ\" la gbɔ. (Efesotɔwo 3:15) Ðewohĩ enye wò didi be yeaɖe srɔ̃ gbaɖegbe. Ne nenemae la, ekema aleke nèɖea ɖokuiwò fianae be yeava nye kpeɖeŋutɔ nyui na ye srɔ̃? Ẽ, nɔnɔme kae wonya na wò esi nènye Kristotɔ ŋutsu alo nyɔnu tre?\nLe dukɔ aɖewo me la, ƒometɔwo tsia dzi ɖe nya sia ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, le Ghana la, ne ame aɖewo di be yewoaɖe yewo nɔewo la, enye kɔnu be amesiwo di be yewoaɖe yewo nɔewo naka eta na wo dzilawo. Dzila siawo hã gblɔnɛ na ƒometɔ bubuwo. Ŋutsua ƒometɔwo tea ŋkuléle ɖe nyɔnuvia ƒe agbenɔnɔ ŋu le nutoa me. Ne nyɔnuvia ƒe agbenɔnɔ dze ŋutsuvia dzilawo ŋu la, woana nyɔnuvia dzilawo nanya be yewovi di be yeaɖe wo vinyɔnu. Azɔ nyɔnua ƒometɔwo hã léa ŋku ɖe ŋutsuvia ƒe agbenɔnɔ ŋu hafi lɔ̃na ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi. Eyata Ghanatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be, \"Ne èbe yeaɖe srɔ̃ la, de aƒea me kpɔ.\"\nKe Ɣetoɖoƒedukɔwo, afisi mɔɖeɖe li be amesiame natia amesi wòdi be yeaɖe ya ɖe? Le afima gɔ̃ hã la, ŋutsu alo nyɔnu Kristotɔ bibi awɔ nu nunyatɔe ne ebia nu tso amesi wòdi be yeaɖe ƒe agbenɔnɔ ŋu le amesiwo nyae nyuie, abe dzilawo alo xɔlɔ̃ tsitsiwo ene gbɔ. Agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona gblɔ be nyɔnu ate ŋu abia be: \"'Nɔnɔme kae wonya na ŋutsu sia? Amekawoe nye exɔlɔ̃wo? Ðe ɖokuidziɖuɖu dzena le eƒe nuwɔnawo mea? Aleke wòwɔa nu ɖe ame tsitsiwo ŋui? Ƒome ka ƒomevi mee wòtso? Aleke wòwɔa nu ɖe wo ŋui? Aleke wòwɔna ɖe ga ŋui? Ðe wòtsɔ aha ɖo dɔea? Ðe nu venɛ kabakaba, eye kura gɔ̃ hã wòsẽa ŋutaa? Hamea me gbanɔamedzi kawoe le edzi, eye aleke wòwɔa woe? Ðe mate ŋu ade bubu deto eŋua?'—Mose III, 19:32; Lododowo 22:29; 31:23; Efesotɔwo 5:3-5, 33; Timoteo I, 5:8; 6:10; Tito 2:6, 7.\" *\nNenema ke ŋutsu hã abia nu tso Kristotɔ nyɔnu si ŋu wòle ŋugble dem le be yeaɖe ŋu. Biblia gblɔ be Boas wɔ numekuku sia tɔgbe le Rut, si nye nyɔnu si wòva ɖe emegbe la ŋu. Rut bia be: \"Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?\" Boas gblɔ be: 'Wogblɔ nusiwo katã nèwɔ nam.' (Rut 2:10-12 ) Ẽ, menye ɖeko Boas ŋutɔ kpɔe dze sii be Rut nye nyɔnu nuteƒewɔla, veviedonula, kple dɔsesẽwɔla ko evɔ o, ke ame bubuwo hã kafui nɛ.\nNenema ke ne amewo abu wò be àva nye kpeɖeŋutɔ nyui ne èɖe srɔ̃ la, wò agbenɔnɔ dzie wòanɔ te ɖo. Ekema aleke tututue nèle ɖokuiwò ɖem fia ame bubuwo le go sia mee?\nAbe Dɔwɔla Ene\nTeƒe bubu si agbenyuinɔnɔ ate ŋu aɖe vi na wò le enye wò dɔwɔƒe. Hoʋiʋli le dɔdidi me nu te ŋu sẽna. Zi geɖe la, wonyaa dɔwɔvi siwo wonya be womebɔbɔa wo ɖokui o, womenɔa game dzi ɣeaɖekeɣi o, eye womeɖia anukware o ledɔme. Dɔwɔƒewo aɖe asi le dɔwɔla bibiwo gɔ̃ hã ŋu le dɔme be yewoƒe gazazã dzi naɖe akpɔtɔ. Ne amesiwo si dɔ mele o le dɔ dim yeyee la, woakpɔe be dɔwɔƒewo biaa gbe amesiwo nye woƒe dɔtɔwo tsã ne yewoanya alesi wowɔ dɔe va yi, woƒe agbenɔnɔ, kple ne wonya dɔ. Kristotɔ geɖe to amebubu, awudodo ɖe ɖoɖo nyui nu, nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu nyuie, kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi kafu wo ɖokuiwo na woƒe dɔtɔwo dzidzedzetɔe.\nNɔnɔme siawo dometɔ ɖekae nye nyateƒetoto—si nye nɔnɔme si ŋu dɔtɔ geɖe léa ŋku ɖo vevie. Abe apostolo Paulo ene la, míedi be \"[míato nyateƒe] le nusianu me.\" (Hebritɔwo 13:18) Le tomenukuƒe aɖe le Ghana la, woka nya ta be dɔwɔviawo nɔ fi viviviwo fim. Esi wonyã amewo la, dɔdzikpɔla si le afisi wotrɔa asi le tomenuawo ŋu le, si nye Ðasefo ya kpɔtɔ yi eƒe dɔ dzi. Nukatae? Dɔtɔwo de dzesi eƒe anukwareɖiɖi le ƒe siwo va yi me. Wode dzesi eƒe dɔsesẽwɔwɔ kple sedziwɔwɔ hã nyuie. Ẽ, eƒe agbenyuinɔnɔ na be dɔ mege le esi o!\nNu bubu kawo hãe Kristotɔ ate ŋu awɔ woakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu le dɔtɔwo gbɔ? Srɔ̃ alesi nàbi ɖe dɔ ɖesiaɖe si wode asiwò la wɔwɔ me memie. (Lododowo 22:29) Wɔ dɔ veviedodotɔe kple moveviɖoɖo. (Lododowo 10:4; 13:4) Wɔ nu ɖe wò dɔtɔ kple wò dɔdzikpɔla ŋu bubudeameŋutɔe. (Efesotɔwo 6:5) Gamedzinɔnɔ, nyateƒetoto, dɔa wɔwɔ memie, kple dɔsesẽwɔwɔ nye nɔnɔme siwo dɔtɔwo dina vevie, eye nɔnɔme mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ ne dɔ le vevem gɔ̃ hã.\nHamea me Mɔnukpɔkpɔwo\nWohiã ŋutsu tsitsiwo be woaxɔ ŋgɔ le Kristo-hamea me fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nukatae? Yesaya gblɔe ɖi be: \"Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me.\" (Yesaya 54:2) Nyagblɔɖi sia ƒe emevava na be Yehowa ƒe xexeame katã ƒe hamea yi edzi le dzidzim ɖe edzi.\nEyata ne Kristotɔ ŋutsue nènye la, aleke nàte ŋu aɖe ɖokuiwò afiae be yedze asubɔ le ɖoƒe aɖe? De ŋugble le ɖekakpui Timoteo ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Luka ka nya ta be \"nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase [nyui] le\" Timoteo ŋu. Ẽ, le ɖekakpui sia ƒe agbenyuinɔnɔ ta la, eɖe eɖokui fia le ame bubuwo ŋkume be yedze le du vovovo eve me. Eyata Paulo mia asi Timoteo be wòava kpe ɖe ye ŋu le mɔzɔzɔdɔa me.—Dɔwɔwɔwo 16:1-4.\nAleke ŋutsu ate ŋu 'aminyã dzikpɔladɔ' egbea le mɔ nyuitɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔ nui? Le nyateƒe me la, menye be wòato mɔ aɖe nu anɔ biabiam be woatia ye o, ke boŋ be wòatu gbɔgbɔ me nɔnɔme siwo hiã hena agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ ɖo. (Timoteo I, 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Ate ŋu aɖee afia hã be yele \"dɔwɔwɔ nyui dim\" to gomekpɔkpɔ bliboe le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Amesiwo ɖea wo ɖokui fiana be yewonye Kristotɔ ŋutsu siwo dze la tsɔa ɖe le eme na woƒe gbɔgbɔ me nɔviwo vevie. Wowɔa apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo dzi, si gblɔ be: \"Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãkame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!\" (Romatɔwo 12:13) Ŋutsu Kristotɔ ate ŋu ato dɔ siawo wɔwɔ me 'aɖe eɖokui afia be yenye Mawu ƒe subɔla.'\nLe Ɣeyiɣiawo Katã Me\nMía ɖokui ɖeɖefia ame bubuwo be míedze mefia be míanye ameŋkumenuwɔlawo alo ava zu \"ameŋudzelawo\" o. (Efesotɔwo 6:6) Nusi wòfia koŋ enye mía ɖokui ɖeɖefia mía Wɔla, Yehowa Mawu, be míedze to eƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ŋuɖɔɖotɔe me. Ne ètu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo eye nèna mia kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me sẽ ɖe edzi la, amewo ade dzesi ŋgɔyiyi si nèwɔ le alesi nèwɔa nu ɖe wò ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple hati Kristotɔwo ŋu me. Woade dzesi wò tenɔnɔ kple dadasɔ, wò nuŋububu nyuie, wò ŋutete le agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, kple wò ɖokuibɔbɔ hã. Esia ana be woalɔ̃ wò ahade bubu ŋuwò, eye vevietɔ la, ana Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò elabena èɖi ɖase nyui le ɖokuiwò ŋu le amewo ŋkume!\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 8 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.\n[Nɔnɔmetata si le axa 19]\nDzila geɖe biaa nu tso amesi wo vi ŋutsu alo nyɔnu di be yeaɖe ƒe agbenɔnɔ ŋu nunyatɔe\n[Nɔnɔmetata si le axa 20]\nNɔviŋutsu toa ame bubuwo ŋu bubu me ɖea eɖokui fiana be yedze woatsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo na ye","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000415\/%C3%90e-N%C3%A8le-E%C9%96em-Fia-Ame-Bubuwo-Be-Yedzea\/","date":"2023-11-28T12:50:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679099514.72\/warc\/CC-MAIN-20231128115347-20231128145347-00871.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983118773,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983118772506714}","num_words":1469,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AGBLEDELA KPLE VIA ETƆ̃AWO\nAgbledela aɖe nɔ anyi kpɔ gbe aɖe gbe. Eƒe ŋkɔe nye Dzeademíasɔ. Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Dɔnyo, eyometɔ ƒe ŋkɔe nye Alɔkame eye dɔmlɛa ƒe ŋkɔe nye Nuteƒe.\nDzeademíasɔ dea mɔlugble. Ewɔa nuku na ame geɖe be aƒetɔ Dzeademíasɔ wɔa dɔ kple moveviɖoɖo gake viawo katã nye kuviatɔwo. Womekpena ɖe wo tɔ ŋuti le agblea me o. Aƒetɔ sia mekpɔa dzidzɔ le agbe si ƒomevi nɔm viawo le la ŋuti o.\nGbe ɖeka la Aƒetɔ Dzeademíasɔ dze dɔ kpata. Esi ŋutsu sia kpɔ be yele kuku ge la, eyɔ via etɔ̃awo ƒo ƒui eye wògblɔ na wo be yele kuku ge. Egblɔ na wo be: \"Menya nyuie be mele kuku ge. Ne eva eme alea la, miɖim abe bubume ene. Metsɔ nye kesinɔnu si le asinye la ɣla ɖe mɔlugble la me. Ne miehiãe la miŋlɔ mɔlugble la me ko miake ɖe eŋuti.\"\nLe gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me la, aƒetɔ Dzeademíasɔ mia nu kpoo. Dzeademíasɔ ƒe kunya sia kpe dua ɖo. Viawo yi ɖado ga eye woɖi wo tɔa abe bubume ene.\nLe tsyɔ̃ la wɔwɔ vɔ megbe la, viŋutsu etɔ̃ siawo wɔ takpekpe eye woɖoe be yewoayi aɖadi kesinɔnua le mɔlugble la me. Woŋlɔ agblea me ŋkeke etɔ̃ sɔŋ gake womeke ɖe kesinɔnu aɖeke ŋu o. Woku anyigba la kple kodziwo, sofiwo kpakple ʋeɖekodziwo gake womekpɔ kesinɔnu ɣaɣla si dim wole la o.\nLe kɔsiɖa ɖeka ƒe nuwuwu la, woŋlɔ agble blibo la katã me gake womeke ɖe kesinɔnua ŋu o. Mawu ɖi tsi gã aɖe dza. Esi Dɔnyo nɔ alɔ̃ dɔm le zã me la, eku drɔ̃e eye wòse ame aɖe gblɔ nɛ be: \"Yi nàƒã mɔlu ɖe nu si mieŋlɔ la me abe ale si tɔwò wɔnɛ ene.\"\nDɔnyo gblɔ nu si wòse la na nɔviawo. Wolɔ̃ ɖe edzi eye woyi wu mɔlukuiwo ɖe agble bliboa me. Le ŋkeke aɖewo megbe la, mɔlu la mie. Agble bliboa yɔ kple mɔlu. Le ƒe etɔ̃ megbe la, Dɔnyo kple nɔviawo zu kesinɔtɔwo.\nGbe ɖeka Dɔnyo gblɔ be: \"Kesinɔnu ɣaɣla vavã. Mía tɔ nya be ne mímewɔ dɔ le ɣeƒe ku megbe o la dɔ awu mí, eya tae wòɖo aɖaŋu sia na mí ɖo. Bubu kple gãnyenye le dɔ sesẽ wɔwɔ me eye alɔ mawɔdɔ meɖua nu o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/agbledela-kple-via-et%C9%94%CC%83awo\/","date":"2024-03-05T13:52:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963360429,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996336042881012}","num_words":376,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðewohĩ xɔ̃wòwo katã zãa Internet dzi hahokadoƒewo eye woƒoa nu tso eŋu ɣesiaɣi. Anɔ eme be wokoa wò le esi meʋu hahokadoƒe aɖeke o ta. Nu kae wòle be nànya tso nɔnɔme sia ŋu? Eye nu kae nàte ŋu awɔ?\nNu si wòle be nànya\nMenye wò ɖeka koe le nɔnɔme sia me o. Dzila geɖe meɖea mɔ na wo viwo be woazã Internet dzi hahokadoƒewo o. Ðewohĩ wonyae be ne ame aɖe le kadoƒe siawo zãm la, nu siwo gbɔna dzɔna ɖe edzi:\nate ŋu alé blanuidɔ alo susumedɔ bubu aɖe.\nedoa go ame siwo wɔa anyrã le ame ŋu le Internet hahokadoƒewo, kpɔa amamaɖeɖe kple gbɔdɔnuwɔnawo alo eva nɔa nu mawo ɖom ɖa to telefon dzi.\neva nɔa nya ʋlim kple exɔlɔ̃wo dzodzro.\nSɔhɛ geɖe tiae be yewomagazã Internet dzi hahokadoƒewo o. Woawo ŋutɔ va de dzesii be meɖea vi boo na yewo o, ke boŋ egblẽa nu le yewo ŋu geɖe wu. Kpɔ nu siwo wo dometɔ aɖewo va de dzesii ɖa:\nPriscilla kpɔe be yele ɣeyiɣi gblẽm ɖe eŋu akpa, evɔ yeate ŋu azã ɣeyiɣi mawo atsɔ awɔ nu siwo aɖe vi wu hafi.\nEte ɖe Jeremy dzi be nu siwo mesɔ o hã vana na ye le hahokadoƒewo, eye yemate ŋu awɔ naneke tso wo ŋu o\nBethany va de dzesii be yeƒe susu katã nɔa nu siwo ame bubuwo wɔna le hahokadoƒewo ŋu.\n\"Metutu hahokadoƒe si le nye mɔa dzi, eye edzɔ dzi nam be mewɔ esia. Nyemegatsia dzi ɖe hahokadoƒe siawo yiyi ŋu o, elabe fifia mekpɔ ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nu siwo le vevie wu.\"—Sierra.\n\"Ale si hahokadoƒewo va zu numame nam kple ale si metsia dzi ɖe amewo ƒe nuwɔna ɖe nu siwo meda ɖe afi mawo ŋu la medzɔa dzi nam kura o. Menɔ bɔbɔe nam be maɖe hahokadoƒea ɖa le nye mɔa dzi o, gake nye dzi dze eme enumake esi meɖee ɖa. Fifia nye susume dze akɔ anyi.\"—Kate.\nNu si nàte ŋu awɔ\nWɔ ɖe se siwo dziwòlawo de na wò dzi. Na woakpɔe be afi si yetsi ɖo fifia la, yetiae be yeawɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi eye yemado dziku alo ato nyatoƒoe o.\nBiblia ƒe mɔfiame: \"Bometsila ɖea eƒe dɔmedzoe fiana ale si wòate ŋui; ke nunyala ya léa eɖokui.\"—Lododowo 29:11, Agbenya La.\nAme aɖewo aɖo aɖaŋu na wò be nàzã hahokadoƒewo le dziwòlawo ƒe manyamanya me alo be nàʋu adzame hahokadoƒe aɖe. Esia wɔwɔ agblẽ nu le ŋuwò! Nuwɔwɔ le adzame mana nàɖe dzi ɖi kura o eye awɔe be nàva nɔ fɔ bum ɖokuiwò. Ne dziwòlawo va nya nu tso eŋu la, woate ŋu ahe to na wò eye asesẽ be woagaka ɖe dzi wò.\nBiblia ƒe mɔfiame: \"Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me\"—Hebritɔwo 13:18.\nWò ŋutɔ tso nya me. Àte ŋu ade ŋugble akpɔ susu vovovo siwo tae wòle be nàƒo asa na Internet dzi hahokadodowo abe ale si sɔhɛ siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi wɔe ene. Ne èkpɔe be hahokadodowo mele vi aɖeke ɖem na ye o la, ekema wò ŋutɔ tso nya me be yeadzudzɔ ezazã, ke menye le esi dziwòlawo gbee na wò ɖeɖe ko ta o. Ne èwɔe alea la, àte ŋu aɖe nu me na hatiwòwo ne wobia nya wò ku ɖe eŋu eye ŋu makpe wò o. Esia ate ŋu awɔe hã be womaɖu fewu le ŋuwò alo ako wò o.\nNya vevitɔ: Ðo dze kple dziwòlawo eye nàde dzesi susu vevi siwo le woƒe nyawo me, ale be nàtso nya me wòasɔ kple wo tɔ. Gake fifia ya, àte nu atiae be yemazã hahokadoƒewo o, eye esia magblẽ naneke le ŋuwò o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/teenagers\/s%C9%94h%C9%9Bwo\/dzilawo-me%C9%96e-m%C9%94-hahokado%C6%92ewo\/","date":"2024-02-28T02:08:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947474690.22\/warc\/CC-MAIN-20240228012542-20240228042542-00587.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988609552,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988609552383423}","num_words":598,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nukatae Wòle Be Nàɖu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ Dzi?\nÐe nèdzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe be nusianu si yeawɔ la nanyo nyuiea? Le nyateƒe me ewɔwɔ nenema ate ŋu aɖe vi na mia kple amesiwo dome nèle le nu geɖe me. Gake ame aɖewo wɔ nu wògbɔ eme akpa si na wova zu blibodededitsoamesilawo. Nukae nya ma fia?\nNYA \"blibodede didi tso ame gbɔ\" ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye \"nusianu si mede blibo o maxɔmaxɔ ƒe nɔnɔme si anɔ ame si.\" Ðewohĩ èdo go amesiwo si nɔnɔme ma tɔgbe le kpɔ. Àkpɔe be alesi wodia nu geɖe akpa tso amewo sii ate ŋu ahe kuxi geɖe vɛ, ana be naneke madze wo ŋu o eye dzi naɖe le wo ƒo. Amesiwo da sɔ dometɔ akpa gãtɔ ade dzesii be blibodede didi tso ame si ahanɔ nusiwo manya wɔ o dim wòagbɔ eme le agbemenya ɖesiaɖe me menyo kura o nyateƒe. Enye nane si dzi wòle be woaɖu. Gake kuxi si li enye be ne mía ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ alo nɔnɔme ŋue nyaa ku ɖo la, asesẽ be míade dzesii be míenye amesiwo dia blibodede tso amewo si, eyata edziɖuɖu mele bɔbɔe o.\nAgbanɔamedzi gã aɖe le Nelson dzi eye kuxi geɖe hã le eŋu si gbɔ wòle be wòakpɔ. Ɣesiaɣi ko la, ele akɔntabubuwo me tom, eye edina vevie be yeawɔ dɔ geɖe. Zi geɖe la, wosusunɛ be nuwo wɔwɔ wòade blibo hiã hafi woakpɔ dzidzedze le dɔwɔɖui ƒe nya si me hoʋiʋli le me. Togbɔ be ame aɖewo akpɔ ŋudzedze ɖe Nelson ƒe dɔ memi wɔwɔ ŋu hã la, alesi wòdina be yeawɔ nusianu wòade blibo hea lãmegbegblẽ abe taɖui kple nuteɖeamedzi ene vaa edzii. Ðe wò nuwɔna le abe Nelson tɔ enea?\nDidi be woawɔ nusianu wòade blibo ɖea fu na ɖeviwo hã. Esi Rita, si tso Rio de Janeiro nye ɖevi la, sukudede dzɔa dzi nɛ ale gbegbe. Edze agbagba be yeagawɔ nu abe amesi le didim be yeaxɔ ŋkɔ ene o, gake ne mexɔ dzeside kɔkɔwo le dodokpɔ me o la, etena ɖe edzi ale gbegbe. Rita gblɔ be: \"Tso keke nye ɖevi me la, metsɔa ɖokuinye nɔa sɔsɔm kple amesiwo ŋu ɣeyiɣi geɖe le, esi nye ya mexaxana henɔa du dzi ɖe nuwo wɔwɔ ŋu. Nyemese le ɖokuinye me ɣeaɖekeɣi kpɔ be ɣeyiɣi le ŋunye matsɔ aɖi ɖe eme o, elabena ɣesiaɣi la, nuwo nɔ anyi wòle be mawɔ.\"\nEsi Maria nye nyɔnuvi dzaa ko la, efaa avi le dzi si ɖena le eƒo be yemete ŋu taa nu wònyakpɔna abe ame bubuwo ene o ta. Gawu la, le eƒe didi be yeanya haƒomɔ̃ ƒoƒo nyuie ahanya hadzidzi hã nyuie me la, nuxaxa yɔnɛ fũ eye nu tena ɖe edzi le esi teƒe be mɔ̃a ƒoƒo alo hadzidzia nado dzidzɔ nɛ boŋ. Nyɔnuvi Braziltɔ bubu si ŋkɔe nye Tânia, amesi dze agbagba be yeadze aɖaŋu ahaƒo asa na hoʋiʋli, lɔ̃ ɖe edzi be yegakaa bo siwo kɔna sasasã wu ye le suku kple aƒeme siaa na ye ɖokui kokoko. Esusui be ne yeƒe dɔwɔna mede blibo o la, amewo malɔ̃ yeƒe nya tututu o. Gawu la, Tânia dia nu geɖe akpa tsoa amewo si ɣeaɖewoɣi, si nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖee eye wòléa blanui.\nTogbɔ be ŋutete, kutrikuku, kple dɔwɔwɔ wòadze ame ŋutɔ ŋu le vevie hã la, taɖodzinu siwo gbɔ womate ŋu aɖo o la ɖoɖo na ameɖokui ate ŋu ahe seselelãme manyomanyo, abe vɔvɔ̃ be yeava do kpo nu ene vɛ. Dzilawo alo ame bubuwo te ŋu ɖoa taɖodzinu kɔkɔ le sukudɔ alo kamedefefe me na ɖeviwo si gbɔ ɖoɖo nyea nu sesẽ na wo. Le kpɔɖeŋu me, Ricardo dada tsɔ taɖodzinu kɔkɔwo ɖo eŋkume, edi be wòava zu ɖɔkta, anye saŋkuƒola eye wòase gbe geɖe. Èkpɔe be toɖodzinu kɔkɔwo ɖoɖo alea hea kuxiwo alo dziɖeleameƒo vanɛa?\nNukatae Wòle Be Nàƒo Asa na Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ?\nDɔwɔƒewo dia amesi ƒe dɔwɔwɔ nyo nyuie eye wòɖoa dzidzenu kɔkɔ si tututu dim wole gbɔ la vevie. Eyata eva hiã be hoʋiʋli nanɔ amewo dome ɖe dɔ ŋu. Susu bubu si ta ame geɖe dzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ dɔ sesĩe enye vɔvɔ̃ be dɔ si ŋu yele agbe nɔm ɖo ava ge le ye si. Dɔwɔla aɖewo va zu abe kamedefefewɔla aɖe si tsɔa nu geɖe ŋutɔ saa vɔe be dziɖuɖukuku yeye nagasu ye si la ene. Emegbe ne eva do go amesiwo sesẽ wui la, ase le eɖokui me be yeawɔ dzadzraɖo geɖe wu, ɖewohĩ azã atike sesẽwo kple susu be yeawɔ ŋgɔyiyi eye—anɔ mɔ kpɔm—be yeaɖu dzi. Le esi teƒe be woawɔ nu le mɔ si sɔ nu la, didi be woawɔ nu wòade blibo kplɔ amewo de \"vɔvɔ̃ na kpododonu\" alo \"ʋiʋli be woaxɔ gbã\" me.—The Feeling Good Handbook.\nEle eme baa be ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le nutata alo kamedefefe me ɣesiaɣi. Gake le Ðk. Robert S. Eliot ƒe nya nu la, \"didi be woawɔ nusianu wòade blibo nye mɔkpɔkpɔ si mevaa eme gbeɖe o.\" Egblɔ kpee be: \"Woa kple fɔɖiɖi sese, ameɖokuitaʋiʋli, kple vɔvɔ̃ be woaɖu fewu le ame ŋue zɔna.\" Eyata aleke nunyala Fia Salomo ƒe nyawo nye nyateƒee nye si be: \"Mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wònye ɖe amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.\"—Nyagblɔla 4:4.\nNukae nàte ŋu awɔ ne èva kpɔe be yenye blibodededitsoamesila? Nyateƒee wònye be zi alesi nèle agbagba dzem ɖe edzii la, zi nenemae mɔkpɔkpɔ abu ɖe wòea? Ðe nàdi be yeanye amesi media nu geɖe akpa tso amewo si o ahagbɔ dzi ɖia? Nukae wòfia be woade blibo? Ðe màdi be yeawɔ yeƒe ŋutete ŋudɔ bliboe evɔ yeaƒo asa na didi be yeawɔ nusianu wòade blibo oa? Ne amegbetɔ madeblibowo ate ŋu azã ŋutete si Mawu na wo atsɔ ato nuwo vɛ wòaɖe vi na ame bubuwo la, bu nusi ameƒomea ate ŋu awɔ ne blibodede li le Mawu ƒe mɔfiame te ŋu kpɔ ko!\n[Nɔnɔmetata si le axa 4]\nDzilawo kple ame bubuwo adi blibodede tso ɖeviwo si si gbɔ womate ŋu aɖo o","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000615\/Nukatae-W%C3%B2le-Be-N%C3%A0%C9%96u-Blibodede-Didi-tso-Amewo-Gb%C9%94-Dzi\/","date":"2024-04-14T09:31:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296816875.61\/warc\/CC-MAIN-20240414064633-20240414094633-00648.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980313778,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980313777923584}","num_words":1006,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wose nya siwo wogblɔ na wo la gɔme.—Neh. 8:12.\nMawu ƒe amewo le gbegbɔgblɔ ƒe nunanaa zãm tsɔ le Yehowa kafum hele eŋunya gblɔm na amewo tso ɣeaɖeɣi ke va ɖo fifia. Eye ƒe aɖewoe nye esia la, míele nunana sia zãm tsɔ le Biblia gɔme ɖem ale be ame geɖe nava srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Biblia gɔmeɖeɖe akpe geɖe ye li, gake ɖewo me nyawo de pɛpɛpɛ wu ɖewo. Be Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia naɖe Biblia gɔme wòade pɛpɛpɛ la, woɖoe be yewoazɔ ɖe mɔfiame vevi etɔ̃ siawo dzi: (1) Yewoade bubu Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ahazãe le eƒe Nya la me le teƒe siwo katã wòdze le le nuŋlɔɖi gbãtɔawo me. (Mat. 6:9) (2) Yewoaɖe gbe gbãtɔawo me nyawo gɔme tẽe, nya-ɖe-nya-nu, ne esia anya wɔ. Ne manya wɔ o la, ekema yewoaɖe gɔmesese si tututu le nyaa ŋu me wòade pɛpɛpɛ. (3) Yewoazã nya siwo gɔme amewo ase, eye exexlẽ nanɔ bɔbɔe na wo.—Neh. 8:8. w15 12\/15 2:1, 2\nNe kpẽ ƒe ɖiɖime mekɔ nyuie o ɖe, ame kae adzra ɖo ɖe aʋa ŋu?—1 Kor. 14:8.\nBu nu si adzɔ ɖe asrafowo dzi ne kpẽ ƒe ɖiɖime mekɔ nyuie o ŋu kpɔ ko! Nenema kee ne míeɖe nyawo me nyuie o la, atɔtɔ amewo alo woaxɔ nu si menye nyateƒe o dzi ase. (1 Kor. 14:9) Míedi be míaƒo nu eme nakɔ na amewo gake mele be míaƒo nu amemabumabutɔe alo anɔ nya kam na wo kãkãkã o. Míakpɔ ale si Yesu gblɔ nya siwo gɔme sese le bɔbɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖewo le Mateo ta 5 va se ɖe 7. Le eƒe nuƒo ma me la, mezã nya gã nya gã siwo gɔme sese sesẽ, alo lɔ nyawo trɔ ɖe amewo dzi o. Megblɔ nya aɖeke si ave amewo hã o. Yesu fia nyateƒenya vevi siwo me goglo, gake ezã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe. Gbe ɖeka esi Yesu di be yeafia yeƒe nusrɔ̃lawo be mele be woatsi dzi fũu akpa ɖe nu si woaɖu gbe sia gbe ŋu o la, egblɔ na wo be Yehowa nyia dziƒoxewo. Eyome ebia wo be: \"Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?\" (Mat. 6:26) Yesu ƒe nya ʋɛ mawo fia nu vevi aɖe nusrɔ̃lawo eye wòde dzi ƒo na wo. w15 12\/15 3:13, 14\nMina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.—Heb. 13:1.\nNɔvilɔlɔ̃ gɔme ɖe? Helagbe me nya si Paulo zã la fia \"ame nɔvi lɔlɔ̃.\" Nɔvilɔlɔ̃ nye vividoɖeameŋu ƒe seselelãme si nu sẽ si nɔa ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ veviwo dome. (Yoh. 11:36) Menye aɖu ko nu dɔme tɔ le vo nɔviwoe míenye o. Nɔvi akuakuawoe míenye. (Mat. 23:8) Paulo gblɔ be: \"Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene. Mitre mia nɔewo bubu.\" (Rom. 12:10) Nya siawo ɖe ale si gbegbe míelɔ̃a mía nɔewoe fia. Nɔvilɔlɔ̃ sia kpakple lɔlɔ̃ si wotu ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wonyea xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o eye wowɔa ɖeka. Le mí nyateƒe Kristotɔwo gome la, Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe nye mía \"nɔvi,\" metsɔ le dukɔ si me tɔ wònye me o. (Rom. 10:12) Yehowa fia mí be míalɔ̃ mía nɔewo abe nɔ ɖeka dzidziwo ene.—1 Tes. 4:9. w16.01 1:5, 6","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-13","url":"http:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2017-03-24T00:10:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-13\/segments\/1490218187227.84\/warc\/CC-MAIN-20170322212947-00250-ip-10-233-31-227.ec2.internal.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967567921,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967567920684814}","num_words":501,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.275,"stopwords_ratio":0.2,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia ƒo nu tso Kristotɔ ŋutsuwo ƒe hatsotso eve siwo xɔa ŋgɔ le hamea me ŋu; woawoe nye \"dzikpɔlawo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo.\" (Filipitɔwo 1:1) Zi geɖe la, ŋutsu siawo dea ha le hame ɖe sia ɖe me. Dɔ kawoe subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna na mí?\nWokpena ɖe hamemetsitsiwo ƒe ha la ŋu. Subɔsubɔdɔwɔlawo nye ɖekakpui kple ame tsitsi siwo dea asixɔxɔ ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu, wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, eye wodoa vevie nu. Wokpɔa dɔ vevi vovovo siwo hiã la gbɔ le hamea me be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nyui nu. Esia nana hamemetsitsiwo tea ŋu kpɔa vovo ɖe nufiafia kple alẽkpɔkplɔ dɔa ŋu nyuie.\nWowɔa dɔ vovovowo. Wodea dɔ asi na subɔsubɔdɔwɔla aɖewo be woanye anyinɔƒegbɔkpɔlawo ado dzaa na kpekpea valawo. Wo dometɔ aɖewo kpɔa nuƒomɔ̃wo dzi, bubuwo kpɔa agbalẽwo kple hamea ƒe gakɔntawo gbɔ, eye bubuwo hã dea anyigbamama si me hamea awɔ dɔ le la asi na gbeƒãɖelawo. Wogakpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖodɔwo hã ŋu. Hamemetsitsiwo ate ŋu abia tso wo si be woana kpekpeɖeŋu ame tsitsi siwo le hamea me. Dɔ ka kee woɖade asi na subɔsubɔdɔwɔlawo o, ale si wolɔ̃na faa be yewoawɔ dɔ siawo la wɔnɛ be hamea me tɔwo katã dea bubu wo ŋu.—1 Timoteo 3:13.\nWoɖoa kpɔɖeŋu nyui si dze Kristotɔ ŋutsuwo. Wotiaa subɔsubɔdɔwɔlawo le esi Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo le wo si ta. Dɔdeasi siwo wowɔna le kpekpeawo me la doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Wotsɔa dzo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, eye esia dea dzo mía me. Esi wowɔa dɔ kple hamemetsitsiwo aduadu ta la, enana dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. (Efesotɔwo 4:16) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woawo hã woate ŋu ava dze anye hamemetsitsiwo.\nAme kawo ƒomeviwoe subɔsubɔdɔwɔlawo nye?\nDɔ kawoe subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna be nuwo nazɔ nyuie le hamea me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94w%C9%94lawo\/","date":"2017-12-16T02:54:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581033.57\/warc\/CC-MAIN-20171216010725-20171216032725-00566.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9945020676,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994502067565918}","num_words":294,"character_repetition_ratio":0.094,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.235,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mɔfiame Na Dzilawo: Miaƒe ƒomea nazã dɔdeasi siawo atsɔ asrɔ̃ Biblia ɖekae.\nDɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo\nMɔfiame sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo ale si woawɔ ase vivi na Yehowa subɔsubɔ.\nZã agbalẽvi sia nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa zãa gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ doa ŋusẽ mí la ŋu.\nMizã dɔdeasi siawo kple Biblia Me Ŋutinyawo Ƒe Nɔnɔmetata si ku ɖe Gideon ŋu le miaƒe ƒometadedeagu me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/hena-%C6%92ometadedeagu\/nuw%C9%94w%C9%94-dzin%C9%94ame%C6%92ot%C9%94e\/","date":"2017-12-16T04:25:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581053.56\/warc\/CC-MAIN-20171216030243-20171216052243-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986256361,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998625636100769}","num_words":74,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.176,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Mègaʋã ŋu nu tovo wɔlawo o\"\nMègaɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ si nu ayi kpuie nahe wò susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Na wò susu nanɔ gbɔgbɔmeyayrawo kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu\n\"Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui\"\nKa ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ɖikeke alo dzimaɖitsitsi ɖe sia ɖe nu. Akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nuteƒe\nNɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia veviedodotɔe\n\"Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò\"\nWɔ ɖoɖo nànɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm ahanɔ ŋugble dem le eŋu kple taɖodzinu be nàganya Yehowa ɖe edzi\n\"Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me\"\nKa ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi ɖe sia ɖe si nàdo goe la gbɔ\nÐe nɔnɔme nyui fia ne wotsi tsitre ɖe ŋuwò, ti yowòme alo gblɔ nya vɔ̃ ɖe ŋuwò\n\"Zi kpi le Yehowa ŋkume kpoo, eye nànɔ esinu kpɔm\"\nƑo asa na nuwɔwɔ dzitsitsitɔe si ate ŋu agblẽ wò dzidzɔkpɔkpɔ kple wò gbɔgbɔmededienɔnɔ dome\n\"Ame fafawo anyi anyigba la dome\"\nDi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, eye nàtsɔ ɖokuibɔbɔ akpɔ Yehowa sinu va se ɖe esime wòaɖe nu madzɔmadzɔ siwo katã ƒe fu kpem nèle ɖa\nKpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu, eye nàtsɔ Mawu ƒe xexe yeye si tu aƒe ŋutɔ la afa akɔ na ame siwo lé blanui","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june6-12\/%C9%96o-%C5%8Bu-%C9%96e-mawu-psalmo37-g%C9%94me%C9%96e%C9%96e\/","date":"2017-12-16T03:56:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948581053.56\/warc\/CC-MAIN-20171216030243-20171216052243-00511.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9942908287,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994290828704834}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.201,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi wonyrɔ Yesu vɔ megbe kpuie la, edze gbeƒãɖeɖe be: 'Mawu Fiaɖuƒe la gogo.' Eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome esi wònɔ gbeƒã ɖem le Galilea kple Yudea katã. Esi Yesu trɔ va wo de Nazaret la, eyi ƒuƒoƒea eye wòʋu Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa la, eye wòxlẽe sesĩe be: 'Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lam be mate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia.' Nu kae nya ma fia? Efia be togbɔ be amewo di be Yesu nawɔ nukunuwo yewoakpɔ hã la, susu vevi si ta Mawu na gbɔgbɔ kɔkɔea Yesue nye be wòaɖe gbeƒã nya nyuia. Emegbe egblɔ na ame siwo nɔ to ɖomee la be: 'Nyagblɔɖi sia va eme egbea.'\nEmegbe Yesu yi Galilea-ƒua to, eye wòdo go eƒe nusrɔ̃la ene siwo nye lãɖelawo le afi ma. Ekpe wo be: 'Midze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawo.' Ame siawoe nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes. Enumake wogblẽ woƒe lãɖeɖedɔa ɖi eye wodze eyome. Wotsa le Galilea nutoa katã me nɔ gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒea. Woɖe gbeƒã le ƒuƒoƒewo, asiwo me kple ablɔwo dzi. Afi sia afi si woyi la, ame gbogbo aɖewo dze wo yome. Yesu ŋu nya kaka de afi sia afi, ede keke Siria ke.\nEmegbe Yesu na ŋusẽ eyomedzela aɖewo be woada dɔ na amewo eye woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Wo dometɔ aɖewo nɔ eŋu esime wònɔ gbeƒã ɖem tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe me. Nyɔnu wɔnuteƒe siwo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana, Susana kple bubuawo lé be na Yesu kple eyomedzelawo.\nEsi Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, eɖo wo ɖa be woava ɖe gbeƒã. Esime wonɔ gbeƒã ɖem le Galilea nutoa katã me la, ame gbogbo aɖewo va zu nusrɔ̃lawo eye wonyrɔ wo. Ame gbogbo aɖewo di be yewoazu nusrɔ̃lawo ale gbegbe be Yesu tsɔ wo sɔ kple agble si dzi nukuwo ƒu ɖo na ŋeŋe. Egblɔ be: 'Mido gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dɔwɔla geɖewo ɖa woava ŋe nukuawo.' Emegbe etia nusrɔ̃lawo dometɔ 70 eye wòdɔ wo ɖa eveve be woaɖe gbeƒã le Yudea katã. Wofia nu ame ƒomevi ɖe sia ɖe tso Fiaɖuƒea ŋu. Esi nusrɔ̃laawo trɔ gbɔ la, wodi vevie be yewoaka nu siwo dzɔ la ta na Yesu. Abosam mete ŋu wɔ naneke tsɔ tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o.\nYesu kpɔ egbɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo yi dɔ vevi sia dzi le eƒe dziƒo yiyi megbe. Egblɔ na wo be: 'Miɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa katã dzi. Mifia Mawu ƒe Nya la amewo eye mianyrɔ wo.'\n\"Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.\"—Luka 4:43","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/12\/yesu-gbe%C6%92%C3%A3-%C9%96em\/","date":"2018-01-20T13:32:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084889617.56\/warc\/CC-MAIN-20180120122736-20180120142736-00790.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991614819,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991614818572998}","num_words":431,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.193,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Míese le mía ɖokui me be woɖe lɔlɔ̃ gã fia mí!\" Alea nyɔnu aɖe si le Ukraine gblɔ esi Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ Stephen Lett xlẽ lɛta vevi aɖe wòse la megbe. Eya hã nɔ Ðasefo 165,000 siwo se Nɔviŋutsu Lett ƒe nyawo esi wòva dukɔ ma me le May 10 kple 11, 2014 ƒe kwasiɖanuwuwu la dome.\nWoɖe nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi kple lɛtaa gɔme ɖe gbegbɔgblɔ atɔ̃ me eye amewo nɔ Fiaɖuƒe Akpata siwo ade 1,100 me see le Ukraine godoo.\nLe kwasiɖanuwuwu ma ke la, Dɔdzikpɔhaa me tɔ bubu si ŋkɔe nye Mark Sanderson hã xlẽ lɛtaa na nɔvi siwo kpɔ gome le wɔna sia tɔgbi me le Russia godoo. Woɖe wɔnaa me ɖe gbegbɔgblɔ 14 me, eye ame 180,413 siwo le hame 2,500 kple edzivɔ me la hã kpɔ gome le wɔnaa me to internet-kadodowo dzi le Belarus kple Russia.\nDɔdzikpɔhaa la ŋlɔ lɛta sia na hame siwo katã le Russia kple Ukraine. Nɔviŋutsu Sanderson xlẽ lɛtaa le Russiagbe me, eye esia na Russia alɔdzedɔwɔƒea ŋlɔ bena: \"Ale si Dɔdzikpɔhaa tsɔ ɖe le eme na nɔvi siwo le xexea ƒe akpa sia la wɔ dɔ ɖe nɔviawo dzi ale gbegbe. Mí katã míese le mía ɖokuiwo me abe ɖe Dɔdzikpɔhaa wɔ atuu gã aɖe na mí ene.\"\nÐe woŋlɔ lɛta sia be woatsɔ afa akɔ na Ðasefo siwo le nuto siwo me dunyahehe me zitɔtɔ le edzi yim le ahado ŋusẽ wo. Woxlɔ̃ nu nɔviawo be woayi edzi akpɔ egbɔ be yewomenye \"xexea ƒe akpa aɖeke o,\" eye woaƒo asa na nudede dunyahehe me.—Yohanes 17:16.\nBe woate ŋu awɔ esia la, Dɔdzikpɔhaa de dzi ƒo na Ðasefoawo be woanɔ gbe dom ɖa, anɔ nu srɔ̃m ahanɔ ŋugble dem tso Mawu ƒe Nya ŋu ale be ƒomedodo sẽŋu nakpɔtɔ anɔ wo kple Yehowa dome. Woɖo ŋku edzi na nyaselawo hã be dodokpɔ ka kee woɖado goe o, woate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo sẽŋu si le Yesaya 54:17 dzi, kpukpui sia gblɔ be: \"Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o.\"\nDɔdzikpɔhaa ƒo lɛtaa ta be: \"Míelɔ̃ mi vevie. Mika ɖe edzi be míebua mia ŋu ɣesiaɣi eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta.\"\nYehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine gblɔ tso ale si Dɔdzikpɔhaa me tɔa va kpɔ wo ɖa la ŋu be: \"Beléname, lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si Dɔdzikpɔhaa ɖe fia nɔviawo la na woƒe nu ku. Ale si Nɔviŋutsu Lett kple Nɔviŋutsu Sanderson va Ukraine kple Russia le kwasiɖanuwuwu ɖeka ma ke me la ɖo kpe ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la dzi eye wòna nɔviwo kpɔ ale si gbegbe Yehowa kple Yesu léa be na woe la dze sii. Mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be wova ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye esia do ŋusẽ mí be míayi edzi asubɔ Yehowa eɖanye nɔnɔme sesẽ kawoe míado goe o.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/w%C9%94nawo\/d%C9%94dzikp%C9%94ha-de-dzi-%C6%92o-na-%C9%96asefowo\/","date":"2018-01-19T06:36:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00417.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9954841733,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954841732978821}","num_words":464,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? ŋu be míadzro eme kple Biblia nusrɔ̃via le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze loo alo le nua sɔsrɔ̃ vɔ megbe. * Nusɔsrɔ̃ 1 va ɖo 4 lia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòanya ame siwo Ðasefowo nye, nusɔsrɔ̃ 5 va ɖo 14 akpe ɖe eŋu wòanya míaƒe dɔwɔnawo, eye nusɔsrɔ̃ 15 va ɖo 28 akpe ɖe eŋu wòanya dɔ siwo wɔm habɔbɔa le. Anyo be míasrɔ̃ nua ɖe ɖoɖo si nu wòle le agbalẽa me la nu negbe ɖe wòhiã be míadzro nusɔsrɔ̃ aɖe me gbã hafi. Nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe le axa ɖeka ko eya ta woate ŋu adzro eme le miniti atɔ̃ va ɖo ewo me.\nHe susu yi nyabiase si nye tanyaa dzi\nMiate ŋu axlẽ memamawo katã zi ɖeka alo axlẽ wo vivivi\nMidzro nu si miexlẽ la me. Zã nyabiase siwo le nusɔsrɔ̃a te kple nɔnɔmetatawo. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ siwo asɔ hã. Te gbe ɖe ale si tanya sue siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la ɖo tanya gã si nye nyabiasea ŋui\nNe aɖaka si nye \"Anyo Be Nàwɔ Esia\" dze le nusɔsrɔ̃a me la, mixlẽe eye nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòawɔ aɖaŋu si woɖo la dzi\n^ mm. 3 Wogbugbɔ asi trɔ le esi woda ɖe internet dzi la me nya aɖewo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/march-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-mar13-19\/ame-kawoe-le-yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu-w%C9%94m-egbea-gbal%E1%BA%BD-gbadzaa-ale-si-m%C3%ADaz%C3%A3e\/","date":"2018-01-23T11:37:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084891926.62\/warc\/CC-MAIN-20180123111826-20180123131826-00064.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998237491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998237490653992}","num_words":216,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.282,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"JULY (SIAMLƆM) 16, 2015\nGERMANY\nSELTERS, Germany—Andreas Bonk, si nye Yehowa Ðasefo kple via ŋutsu Jorim nɔ ame siwo wona nunana tsɔ de bubu wo ŋu le April (Afɔfiɛ) 16, 2015 dzi le esi woɖe ame aɖewo ƒe agbe le ʋu aɖe si bi dzo me la ta. Wonaa nunana wo le nunanawɔna aɖe si me Baden-Württemberg Du si le Germany ƒe anyieheɣedzeƒe ƒe dudɔnunɔla si kpɔa dukɔmenyawo gbɔ kple dudzikpɔla eve siwo tso Obersulm kple Waiblingen, siwo nye du siwo me nunanaxɔlawo tso la, kpɔ gome le la me. Dudɔnunɔla si kpɔa Dukɔmenyawo gbɔ aƒetɔ Reinhold Gall (foto si le etame, etɔ̃lia tso ɖusime) tsɔ Baden-Württemberg Dua Ƒe Agbeɖeɖenunana (Lebensrettungsmedaille des Landes Baden-Württemberg) la na aƒetɔ Andreas Bonk. Aƒetɔ Bonk srɔ̃ Christiane (foto si le etame, domedome), xɔ nunana la le srɔ̃a ŋkɔ me, elabe ŋutsua dze afɔku le nudzɔdzɔ bubu aɖe me eye wòle kɔdzi le nunanaa xɔɣi. Le wɔna ma ke me la, Obersulm ƒe dudzikpɔla aƒetɔ Tilman Schmidt (foto si le etame, miame ɖaa), tsɔ Bubudeameŋu Ƒe Ðaseɖigbalẽ (Ehrungsurkunde) na Jorim Bonk (foto etametɔ, domedome).\nLe May (Damɛ) 11, 2014 dzi la, Andreas kple Jorim Bonk tsɔ ʋu to ʋumɔ gã aɖe dzi ɖo ta Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe gã aɖe si me Andreas aƒo Biblia me nuƒo le. Esi wole mɔa dzi yina la, wova do go ɖe ʋufɔku dziŋɔ aɖe nu. Amerikatɔwo ƒe gbadagba ene aɖewo xaxa ɖe ʋu si mu ɖe axa ɖeka dzi henɔ bibim la me. Aƒetɔ Bonk kple via ŋutsua kple ame eve bubu aɖewo tɔ woƒe ʋuwo va ɖe wo le ʋu bidzo la me. Andreas de eƒe agbe afɔku me be yeaɖe gbadagba siawo le ʋu si nɔ bibim la me, enɔ edzi ʋuu va se ɖe esime dzotsilawo, kpovitɔwo kple dɔnɔkɔʋuwo va ɖo. Gake nublanuitɔe la, gbadagba ɖeka ƒe agbe tsi eme. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sulmtaler Woche ka nya ta be Dudɔnunɔla Gall gblɔ na ameɖelawo be, \"Miewɔ kalẽ, miewɔ ŋutsu eye miebu miaƒe agbe ŋu gɔ̃ hã o.\" Dudzikpɔla Schmidt gblɔ kpee be, \"Mí Obersulmtɔwo, míekpɔ ŋudzedze ɖe mia ŋu ŋutɔ.\"\nAƒetɔ Andreas Bonk gblɔ nu si ʋãe wòwɔ nu kalẽtɔe ale: \"Vevesese ɖe hanyevi ŋue ʋãm metɔ esi mekpɔ ʋu si dze afɔkua. Agbe ɖe sia ɖe xɔ asi le ŋkunyeme. . . . Meka ɖe edzi be ne esia tɔgbi dzɔ ɖe nye ƒometɔ aɖe dzi la, ame bubuwo akpɔ nublanui na wo ahado dzi akpe ɖe wo ŋu.\" Aƒetɔ Jorim gblɔ kpee be, \"Ele vevie be míagaŋlɔ ame siwo hiã tu la be o.\"\nNunana ƒe wɔnaa yi edzi le Obersulm Dukpata me. Germaniatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye STIMME.de ka nya ta tso wɔnaa ŋu eye wògblɔ be Waiblingen ƒe dudzikpɔla aƒetɔ Andreas Hesky (foto etametɔ, evelia tso ɖusime), gblɔ be: \"Ele be nu si miewɔ la nanye dada na mi. Enye dada na Waiblingen-dua be dumevi siawo tɔgbi le eme. Mienye kpɔɖeŋu nyui na dukɔmeviwo.\"\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nGermany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/germany\/%C5%8Butsu-a%C9%96e-kple-via-%C5%8Butsu-kpe-asi-%C9%96e-e%C5%8Bu-wo%C9%96e-amerikat%C9%94wo-%C6%92e-gbadagba-et%C9%94%CC%83-a%C9%96ewo\/","date":"2018-01-17T20:26:40Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886964.22\/warc\/CC-MAIN-20180117193009-20180117213009-00354.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987977147,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987977147102356}","num_words":491,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Mawusubɔsubɔ\nNu vevi eve aɖewo siwo dze le Biblia me ɖo nyabiase siawo ŋu.\nÐe ame ate ŋu asubɔ Mawu le mɔ si eya ŋutɔ di la nua?\nAleae Yesu, ame si ɖo Kristotɔnyenye anyi la, di be nuwo nanɔa?\n'Gbɔgblɔ be 'subɔsubɔha siae dzɔ dzi nam' koe nye nya?\nEtsɔmee wòava loo alo ɖe wòva xoxoa?\nGbedodoɖa\nÐe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe kuxiwo me ŋutɔŋutɔa?\nNe Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu kple maɖo wo ŋu o la nɔ te ɖe dziwò\nXlẽ nu tso nu si tae Mawu mebua míaƒe dzimaɖitsitsiwo nu tsɛ o la ŋu.\nKpɔ ale si gbedodo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me dea bubu Mawu kple Yesu siaa ŋui la ɖa.\nXlẽ nu tso ame si Biblia gblɔ be eya koe wòle be míado gbe ɖa na ŋu.\nXlẽ nu tso gbedodoɖa siwo Mawu mesena o kple ame siwo ƒe gbedodoɖa mesena o la ŋu.\nÐeɖekpɔkpɔ\nNu kae nye ɖeɖekpɔkpɔ? Nu kawo mee woɖe mí tsoe?\nAme geɖe nya nufiafia si nye be ɖe Yesu va ku ɖe mía ta be míakpɔ agbe. Gake aleke tututue eƒe kua ɖea vi na míi?\nAleke tafea ɖea ame tso nu vɔ̃ si me?\nAleke wòle be woanyrɔ amee, eye ɣekaɣie? Ðe nyɔnyrɔxɔxɔ klɔa nu vɔ̃wo ɖa? Vovototo kae le nyɔnyrɔxɔxɔ kple mawutsideta dome?\nYesu wɔ kpɔɖeŋu si ɖo nyabiase sia ŋu.\nNu Vɔ̃ Kple Tsɔtsɔke\nÐe nu vɔ̃ aɖewo lolo wu ɖewoa?\nBiblia gblɔ nu atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò natsɔ ake ne woda vo le dziwò.\nXlẽ nu tso nu siwo Biblia gblɔ be ame nawɔ be Mawu natsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee la ŋu\nAfi kae nya sia dzɔ tso? Eye vovototo kae le nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me kple nu vɔ̃ si mekplɔa ame yia ku me o dome?\nAleke nàwɔ anya ne èwɔ nu vɔ̃ si womatsɔ ake o?\nBiblia ƒo nu tso vi siwo wain kple aha sesẽ bubuwo ɖena ŋu.\nEsi Biblia meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o ɖe, aleke míawɔ anya ale si Mawu bua nuwɔna siae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/nya-siwo-amewo-biana-tso-dzix%C9%94sewo-kple-sub%C9%94sub%C9%94-%C5%8Bu\/","date":"2018-02-23T16:22:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814801.45\/warc\/CC-MAIN-20180223154626-20180223174626-00407.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971837997,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971837997436523}","num_words":345,"character_repetition_ratio":0.057,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míede dzi ƒo na wò be nàtrɔ ayi gɔmedzeƒea alo nàzã kadodo siwo le ete.\nNyati siwo le akpa sia ana nàkpɔ nu si tae nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi, ale si nàwɔ emenyawo naɖe vi na wò kple nu si tae agbenɔnɔ ɖe Biblia me nyawo nu ɖea vi.\nKpɔ nu yeyetɔ siwo wole boblo domee.\nNyadzɔdzɔ yeyewo kple senya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefo ŋu le xexea me godoo.\nXlẽ nu geɖe tso mía ŋu. Xlẽ nu tso afi si míekpena le, ale si nàwɔ ake ɖe mía ŋu, kple ale si nàbia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye femaxee la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/mete-%C5%8Bu-%CA%8Bu-axa-o\/","date":"2018-02-21T23:57:03Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891813818.15\/warc\/CC-MAIN-20180221222354-20180222002354-00049.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992545843,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999254584312439}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.04,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Video Ƒotsiãɖenuwo\nVideo siwo le hatsotso ɖe sia ɖe me nɔa ƒoƒom madzudzɔmadzudzɔe gbe sia gbe hena gaƒoƒo 24 sɔŋ.\nKpɔ videowo ƒe hatsotso vovovowo, wo dometɔ aɖewoe nye Ɣleti Sia Ɣleti Ƒe Ðoɖowɔɖi, Filmwo, Ðeviwo, Sɔhɛwo, Ðoɖowɔɖiwo Kple Wɔna Tɔxɛwo.\nZã hatsotsowo ƒe ɖoɖowɔɖia be nàkpɔ videowo ƒe hatsotso siwo akplɔe ɖo.\nVideo Si Nèdi\nVideowo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka alo esi wu ema le akpa ɖe sia ɖe.\nKpɔ video ɖeka aɖe si nèdi alo zã Ƒo Wo Katã ne nàkpɔ video siwo katã le videowo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka me.\nÀte ŋu atrɔ asi le videoa ƒe ƒoƒo ŋu (àte ŋu atɔe, aƒoe, atrɔe yi megbe alo ana wòayi ŋgɔ).\nOdio\nOdio (hawo kple dramawo) ƒe ƒuƒoƒo geɖewo li (hawo, Biblia xexlẽ ƒe dramawo kple nu bubu geɖewo).\nSe ha ɖeka alo zã Ƒo Wo Katã ne nàse ha siwo katã le hawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka me.\nZã Ðe Sia Ðe Ko be wòanɔ ha siwo le ƒuƒoƒo ɖeka me la dometɔ ɖe sia ɖe ko ƒom.\nDɔwɔnu Siwo Ʋunɛ\nTV.JW.ORG: Woate ŋu aʋui le kɔmpiuta, tablɛt kple asitelefon deŋgɔ siwo dzi internet le eye JavaScript hã le dɔ wɔm le wo dzi la dzi. Ne wò dɔwɔnua ate ŋu aƒo video siwo le jw.org la, ekema ate ŋu aʋu tv.jw.org hã.\nRoku dɔwɔnu: Roku 1, Roku 2, Roku 3 kple Roku Streaming Stick.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/internet-dzi-kpekpe%C9%96e%C5%8Bu%C6%92e\/jw-nyakakad%C9%94w%C9%94%C6%92e\/dzi-nuwo\/","date":"2018-03-24T08:47:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257649961.11\/warc\/CC-MAIN-20180324073738-20180324093738-00070.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990153909,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990153908729553}","num_words":221,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2012\nTata sia dzro ale si míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me, nɔnɔme kple nuwɔna siwo wòle be Kristotɔwo naƒo asa na, kple nu si míawɔ be Mawu ƒe ŋugbedodowo naɖe vi na mí la me.\nXlẽ ame aɖewo siwo ʋu yi teƒe bubu aɖe be yewoasubɔ bliboe wu ƒe ŋutinya dodzidzɔnamewo.\nAleke míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo eye nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si, nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o?\nAleke míawɔ be míanɔ ŋutifafa me kple amewo? Srɔ̃ nu tso Biblia me ŋutinya siwo nye kpɔɖeŋu nyuiwo kple kpɔɖeŋu gbegblẽwo me.\nAGBEMEŊUTINYA\nXlẽ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ene siwo va zu xɔlɔ̃ vavãwo la ƒe ŋutinya.\nNu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe ŋugbedodowo, atamkakawo, kple nubablawo me?\nNu kae wòbia be woanye nyateƒetɔ? Aleke míate ŋu awɔ míaƒe adzɔgbe vevitɔ si míeɖe na Mawu la dzi?\nXlẽ nu tso ale si ɖevi siwo le Russia la xɔlɔ̃ Kristotɔwo de dzi ƒo na woe ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/w20121015\/","date":"2018-04-23T02:44:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945669.54\/warc\/CC-MAIN-20180423011954-20180423031954-00569.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972273111,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972273111343384}","num_words":164,"character_repetition_ratio":0.066,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\n● Bia be míava srɔ̃ Biblia kpli wò femaxee\nEstonia\nEJTKL\nPuhangu 77\n10316 TALLINN\nESTONIA\n+372 651-5200\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/estonia\/","date":"2018-04-25T18:57:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947939.52\/warc\/CC-MAIN-20180425174229-20180425194229-00557.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996653795,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999665379524231}","num_words":67,"character_repetition_ratio":0.006,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.28,"stopwords_ratio":0.239,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"SEPTEMBER 12, 2014\nGERMANY\nSELTERS, Germany—Le September 16, 2014 dzi la, Brandenburg Ŋkuɖodzi Ƒe Habɔbɔ awɔ wɔna vevi aɖe atsɔ aɖo ŋku kufia si wotso na August Dickmann hewui le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ me la ƒe ƒe 75 lia dzi. Aƒetɔ August Dickmann ye nye ame gbãtɔ si gbe asrafodɔwɔwɔ ɖe dzitsinya ta eye Nazitɔwo wui le dutoƒo le Xexemeʋa II me.\nWolé Aƒetɔ Dickmann de ga le October 1937 me le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ me le Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo me wòlé ɖe asi ta. Esi Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me ƒe ŋkeke etɔ̃ megbe la, adzamekpovitɔwo lé Aƒetɔ Dickmann eye wobia tso esi be wòade asi asrafogbalẽvi te ahazu Germanytɔwo ƒe asrafo. Esi Aƒetɔ Dickmann gbe la, wolée de ame ɖekɛ gaxɔ me eye gaxɔdzikpɔla bia tso SS-srafowo ƒe amegã si be wòaɖe mɔ na ye yeawu Aƒetɔ Dickmann le etɔ gamenɔlawo katã ŋkume. Le September 15, 1939 dzi la, wozi Yehowa Ðasefo alafa geɖe siwo dome Aƒetɔ Dickmann nɔvi kpamkpam Heinrich hã le la dzi be woakpɔ ewuwu teƒe. Le ŋkeke eve megbe la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times gblɔ tso Germany be: \"Asrafowo da tu August Dickmann si xɔ 29 . . . wòku.\" Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o \"le eƒe mawusubɔsubɔ tae\" wowui ɖo.\nLe September 18, 1999 dzi la, wowɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ si me wònɔ tsã la ƒe gli aɖe ŋu tsɔ de bubu Yehowa Ðasefo 890 kple edzivɔ siwo wode ga le afi ma la ŋu. Wogawɔ ŋkuɖodzikpe bubu aɖe hã tsɔ de bubu Aƒetɔ Dickmann ŋu.\nWoadze ŋkuɖodzizã 75 lia gɔme le afi si Aƒetɔ Dickmann ƒe ŋkuɖodzikpea le, eyome woava ƒo nuƒo aɖewo le afi si gamenɔlawo ƒe nuɖaƒe nɔ tsã. Wokpe amegã Detlef Garbe, ame si ɖo Neuengamme Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodzi, si ganye edzikpɔla la be wòava ƒo nuƒo le afi sia.\nWoƒe Kadodowo:\nXexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000\nGermany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/germany\/%C5%8Bku%C9%96odziw%C9%94na-le-sachsenhausen-yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2018-04-24T23:29:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125947421.74\/warc\/CC-MAIN-20180424221730-20180425001730-00353.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992277622,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99922776222229}","num_words":314,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.242,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Hafi Yesu naku la, egblɔ nya vevi aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ene, siwo nye Petro, Yakobo, Yohanes, kple Andrea. Esi Yesu nɔ dzesi siwo aɖo kpe eƒe anyinɔnɔ le nuwuɣia me dzi gblɔm ɖi la, ebia nya vevi sia be: 'Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe Aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?' (Mateo 24:3, 45; Marko 13:3, 4) Yesu to nya siawo dzi na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be ye, si nye woƒe \"aƒetɔ,\" yeatia ame siwo ayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me nufiame nam ye yomedzelawo le nuwuɣia me. Ame kawoe ava nye kluvi sia?\nWonye Yesu yomedzela vavã siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. \"Kluvi\" la naa Ŋɔŋlɔawo me nufiame, alo gbɔgbɔmenuɖuɖu, wo hati tadeagulawo ɖe ɣeyiɣi dzi. Kluvi nuteƒewɔla sia ko sinue míekpɔna be wòanɔ 'nuɖuɖu si asu na mí la nam mí ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.'—Luka 12:42.\nWokpɔa Mawu ƒe aƒemetɔwo dzi. (1 Timoteo 3:15) Yesu de dɔ gã aɖe asi na kluvi la, be wòakpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe dɔwo dzi. Dɔ siawo ƒe ɖewoe nye eƒe nunɔamesiwo dzi kpɔkpɔ, mɔfiafia le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, kple nufiafia mí to hamea dzi. Eya ta 'kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela' la toa agbalẽ vovovo siwo wotana be míazã le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, kpakple nufiame siwo wonana le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu si tututu míehiã la mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.\nKluvi la nye nuteƒewɔla le esi metɔa tsi Biblia me nyateƒea o, eye wòwɔa gbeƒãɖeɖedɔ si wode esi la pɛpɛpɛ ta. Enye aɖaŋudzela hã elabena ekpɔa Kristo ƒe nunɔamesi siwo le anyigba dzi la dzi le mɔ nyuitɔ nu. (Dɔwɔwɔwo 10:42) Ame gbogbo siwo le habɔbɔa me vam kple nufiame gbogbo siwo xɔm míele tso Ŋɔŋlɔawo me la nye kpeɖodzi be Yehowa le kluvia ƒe dɔa yram geɖe.—Yesaya 60:22; 65:13.\nAme kae Yesu tia be wòanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam yeƒe nusrɔ̃lawo?\nMɔ kawo nue kluvi la nye nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/yehowa-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83nu\/nute%C6%92ew%C9%94la-a%C9%96a%C5%8Budzela-kluvi\/","date":"2018-04-22T20:02:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945648.77\/warc\/CC-MAIN-20180422193501-20180422213501-00555.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984899163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984899163246155}","num_words":325,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.283,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame si le asrafodɔ wɔm la megaƒoa eɖokui ɖe asitsadɔ siwo amewo wɔna le agbe me la me o, ale be wòadze ame si xɔe ɖe asrafodɔa me la ŋu.—2 Tim. 2:4.\nEgbea, Yesu yomedzelawo, siwo dome ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla miliɔn ɖeka kple edzivɔwo le la, wɔa Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le etame la dzi le ale si woƒe nɔnɔmea ɖe mɔe nu. Womeɖea mɔ boblododowo kple ame siwo dome wole ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o, elabena woɖoa ŋku Biblia me mɔfiame vevi sia si gblɔ be, \"Ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le\" la dzi. (Lod. 22:7) Adzɔ dzi na Satana ŋutɔ be yeana míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã agbla ɖe dɔwɔwɔ ŋu le xexe sia me asitsanuɖoanyia me abe kluviwo ene. Míaƒe nyametsotso aɖewo ate ŋu awɔe be míazu fenyilawo ƒe geɖe. Ame aɖewo doa ga gbogbowo tsɔ ƒlea aƒe alo ʋu xɔasiwo, tsɔ dea suku alo wɔa srɔ̃ɖeɖe kpeɖiwo gɔ̃ hã, eye esia hea wo dea gakuxi sesẽwo me. Míeɖenɛ fiana be míedze aɖaŋu ne míenɔa agbe tsɛ eye míeƒoa asa na fenyinyi kple gagbegblẽ. Ne míewɔe alea la, míavo awɔ subɔsubɔdɔ na Mawu tsɔ wu be míazu kluviwo na xexe sia ƒe asitsanuɖoanyia.—1 Tim. 6:10. w17.07 10 ¶13\nMebu wò mɔfiamewo katã be wole dzɔdzɔe; melé fu aʋatsomɔ ɖe sia ɖe.—Ps. 119:128.\nYehowae dze be wòanye xexea katã ƒe Dziɖulagã. Ewɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ le dzɔdzɔenyenye deblibo me. Eya ŋutɔ gblɔ be: \"Nyee nye Yehowa, Ame si nyoa dɔme, drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe hewɔa nu dzɔdzɔe le anyigba dzi; elabena nu siawoe dzea ŋunye.\" (Yer. 9: 24) Yehowa mehiã amegbetɔwo ƒe sewo hafi atso nya me le dzɔdzɔenyenye me o. Ke boŋ, eya gbɔe sedede siwo fiaa nu dzɔdzɔe wɔwɔ ame la tsona, elabena eƒe dzɔdzɔenyenye de blibo. \"[Eli eƒe] fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi,\" eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be eƒe sewo, mɔfiamewo kple afiatsotsowo katã dzɔ. (Ps. 89:14) Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be eƒe dziɖuɖu mele dzɔdzɔe o, evɔ eya ŋutɔ mete ŋu na dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe ɖe xexe sia me o. w17.06 28 ¶5\nOo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, . . . wò nyawo nye nyateƒe.—2 Sam. 7:28.\nYehowae nye nyateƒe Mawu la. (Ps. 31:5) Esi wònye Fofo dɔmenyotɔ ta la, efiaa nyateƒe xɔasiwo ame siwo vɔ̃nɛ. Tso esime míese nyateƒea zi gbãtɔ la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míesrɔ̃ nyateƒenya geɖewo tso Mawu ƒe Nya, Biblia, kple habɔbɔa ƒe agbalẽwo, takpekpewo kpakple kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa la me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyateƒe siwo míesrɔ̃, xoxoawo kple yeyeawo siaa, va sɔa gbɔ ɖe nu si Yesu yɔ be míaƒe \"kesinɔnudzraɖoƒe\" la. (Mat. 13:52) Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaƒo nyateƒe xɔasi yeyewo nu ƒu ɖe míaƒe 'kesinɔnudzraɖoƒea' ne míedia wo abe kesinɔnu ɣaɣlawo ene. (Lod. 2:4-7) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ele be míalé fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu eye míanɔ Mawu ƒe Nya la kple míaƒe agbalẽwo me kum tsitotsito. Esia akpe ɖe mía ŋu míake ɖe nyateƒe \"yeyewo\" ŋu. Wonye nyateƒe yeyewo le gɔmesesea nu be wonye nu siwo míenya tsã o. (Yos. 1:8, 9; Ps. 1:2, 3) Ɛ̃, ele be wòanye míaƒe didi vevie be míaƒo nyateƒe xɔasiwo nu ƒu ɖe míaƒe nudzraɖoƒe. w17.06 12 ¶13-14","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-13","url":"https:\/\/wol.jw.org\/ee\/wol\/h\/r114\/lp-ew","date":"2019-03-24T07:42:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-13\/segments\/1552912203378.92\/warc\/CC-MAIN-20190324063449-20190324085449-00029.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980788827,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980788826942444}","num_words":530,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yehowae Nye Mawu Vavã Ðeka Kolia La\nŊutinya sia dzɔ le ƒe alafa 10 lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Ɣemaɣi la, nɔnɔmeawo sɔ nyuie be nyui kple vɔ̃ dome hoʋiʋli sesẽ aɖe si tɔgbi xexea mekpɔ kpɔ o la nadze egɔme. Eliya ɖeka koe nɔ ameha xɔsemanɔsitɔwo, woƒe fia xɔsegbelaa kple nunɔla amewulawo dome, ke hã, Eliya metsi akogo o. Srɔ̃ nu tso ale si Yehowa ɖee fia be yee nye Mawu vavã ɖeka kolia la kple ale si wòyi edzi le eɖem fia egbeae ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-xexl%E1%BA%BD-%C6%92e-dramawo\/yehowa-mawu-vav%C3%A3-%C9%96eka-la\/","date":"2019-06-16T02:44:32Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997533.62\/warc\/CC-MAIN-20190616022644-20190616044644-00442.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971529841,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971529841423035}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?\nBiblia ɖo nyabiase sia ŋu kple kpeɖodzi sẽŋu atɔ̃ aɖewo.\nSidzedze Mawu\nÐe ŋkɔ le Mawu sia? Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?\nÈnya be Mawu ɖeka koe tɔ ŋkɔ si woyɔna nɛ laa?\nLe nyateƒe me la, nu siwo gɔme màte ŋu ase le Mawu ŋu gbeɖe o la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànyae nyuie wu.\nSrɔ̃ ale si nàtsɔ 'wò dzi me ŋkuwo' akpɔ Mawui.\nMawu ƒe nɔnɔme veviawoe nye kawo?\nNu kae ɖo kpe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vevie?\nBiblia ka ɖe edzi na mí be Mawu dea dzesii, esea nu gɔme na mí, eye wòsea veve ɖe mía nu.\nAkpa Vevi Si Xɔse Wɔna\nXlẽ nu tso ale si kadodomenɔnɔ kple Mawu ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me ŋu.\nBiblia gblɔ be, 'ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.' Nu ka koŋue nye xɔse? Aleke míawɔ xɔse nasu mía si?\nRather than encourage blind faith, the Bible urges us to use our power of reason and consider the evidence.\nEsi Mayli Gündel fofo ku la, megaxɔa Mawu dzi se o. Nu kae kpe ɖe eŋu wògaxɔ Mawu dzi se eye eƒe dzi dze eme?\nNu Siwo Ate Ŋu Ana Ame Ƒe Xɔse Nagbɔdzɔ\nWhere can we find satisfying answers to life's important questions? Can we ask God?\nAme geɖe biana be nu ka tae fuléle kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea hã. Biblia ana nàkpɔ ŋuɖoɖo vavã siwo afa akɔ na wò.\nAme geɖe susuna be Mawu ƒe tame sẽ alo be metsɔa ɖeke le eme na mí o. Nya kae Biblia gblɔ?\nAle Si Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu\nAme miliɔn geɖewo ka ɖe edzi be Mawu bua yewo be yewonye exɔlɔ̃.\nXlẽ nyati sia nàkpɔe ɖa nenye be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã alo meɖonɛ o, ale si míado gbe ɖa kple nu bubu siwo míate ŋu awɔ ate ɖe Mawu ŋu.\nNu kae ana nàbu nunana aɖe be exɔ asi wu bubu? Ne míede ŋugble le nu mawo ŋu la, awɔe be míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si nye tafea ŋu geɖe wu.\nBiblia do ŋugbe be ame siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ate ŋu anɔ agbe tegbee. Kpɔ nu etɔ̃ siwo wòdi be míawɔ la ɖa.\nBiblia kpe ɖe mía ŋu be xɔse sesẽ nanɔ mía si ɖe ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/mawu-dzi-x%C9%94x%C9%94%C2%AD-se\/do-%C5%8Bus%E1%BA%BD-mawu-dzi-x%C9%94se\/","date":"2019-06-16T22:37:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998325.55\/warc\/CC-MAIN-20190616222856-20190617004856-00021.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9901995063,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9901995062828064}","num_words":419,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.239,"stopwords_ratio":0.191,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le Mexico Kple Titina Amerika la, gbegɔmeɖela 290 siwo le dukɔ ade me la ɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple nu bubuwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 60 kple edzivɔ me. Nu ka tae wole kutri kum nenema gbegbe ɖo? Elabe ne amewo xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le gbe aɖe si gɔme woate ŋu ase bɔbɔe me la, edea dzi gbɔ na wo wu.—1 Korintotɔwo 14:9.\nWoɖe gbegɔmeɖela siwo nɔ dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico City la dometɔ aɖewo yi nuto siwo me wodoa gbe siwo gɔme woɖena le la me ale be woƒe gbegɔmeɖeɖedɔa naganyo ɖe edzi. Vi kae esia ɖe? Gbegɔmeɖelawo va le gbe siwo gɔme woɖena la dolawo dome, eye esia na be woƒe agbalẽwo kple nu bubu siwo gɔme woɖena la gɔme sese va le bɔbɔe na gbeawo dolawo wu.\nAleke gbegɔmeɖelawo se le wo ɖokuiwo me ku ɖe tɔtrɔ siawo ŋu? Federico, si nye gbe si woyɔna be Guerrero Nahuatl gɔme ɖela, gblɔ be: \"Le ƒe ewo kloe siwo metsɔ nɔ Mexico City me la, ƒome ɖeka pɛ ko menya si doa mía degbea. Gake le afi sia la, ame siwo katã le nuto siwo ƒo xlã míaƒe gbegɔmeɖeƒea me la katã kloe doa mía degbea!\"\nKarin, si ɖea Low German gbe gɔme le du si ŋkɔe nye Chihuahua le Mexico me la gblɔ be: \"Esi míeva le Mennotɔwo dome le afi sia la, ena be metea ŋu nyana ale si mía degbea le tɔtrɔm tso ŋkeke yi ŋkekee. Míele du sue sia me eye míewɔa dɔ le du sia me. Ne mele nu kpɔm to fesre nu la, metea ŋu kpɔa ame siwo dɔ si wɔm míele le afi sia la aɖe vi na.\"\nNeyfi, si le gbegɔmeɖeƒe fifia le Mérida si le Mexico gblɔ be: \"Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo le Mayagbe me la, míeva dea dzesi nya siwo gɔme sese sesẽna na Mayatɔwo. Esia wɔnɛ be míedia mɔ siwo dzi míato aɖe nya mawo gɔme wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe na wo wu.\"\nVi kae esia ɖe na ame siwo wɔa agbalẽ kple nu bubu siwo gɔme míeɖena la ŋu dɔ? Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ko ɖa: Elena, si ƒe degbee nye Tlapanec dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo edziedzi anɔ abe ƒe 40 sɔŋ ene. Gake esi wònye be Spaingbe mee wowɔa kpekpeawo le ta la, mesea naneke gɔme o. Egblɔ be: \"Esi menya be ehiã be made kpekpeawo ta koe medena ɖo.\" Gake esi wova zã Tlapanec-gbe me agbalẽ gbadzawo tsɔ srɔ̃ Biblia kple Elena la, eƒe lɔlɔ̃ na Mawu va de to ɖe edzi ale gbegbe be eɖe adzɔgbe nɛ eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2013 me. Elena gblɔ be: \"Meda akpe na Yehowa be ena meva se Biblia gɔme.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/d%C9%94w%C9%94nawo\/agbal%E1%BA%BDtata\/gbeg%C9%94me%C9%96e%C9%96ed%C9%94-le-mexico-kple-titina-amerika\/","date":"2019-06-16T01:12:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627997508.21\/warc\/CC-MAIN-20190616002634-20190616024634-00379.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986564517,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986564517021179}","num_words":446,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.251,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 1 2019 | Ðe Míava Nɔ Dedie Aɖe Dzi Ði Gbe Ðekaa?\nDe ŋugble le kuxi siwo me tom míele ƒe ɖewo kple nu siwo wòle be míawɔ be xexea nanɔ dedie eye míaɖe dzi ɖi le eme la ŋu.\nAmegbetɔwo ƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Egbɔkpɔnu aɖe lia?\nAmegbetɔwo ƒe blibomademade gbɔe kuxi gbogbo siwo ɖe kpe na mí la tso. Afi kae míatrɔ ɖo axɔ kpekpeɖeŋu?\nEle be míawɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame nyuiwo dzi hafi míate ŋu anɔ ŋutifafa me eye míanɔ dedie.\nTsãa, Ricardo kple Andres gblẽa woƒe nutoa me tɔwo ƒe ŋutifafa me, gake fifia ya ɖe wodoa ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Xlẽ nu tso ale si Biblia kpe ɖe wo ŋu wotrɔ agbenɔnɔe ŋu.\nNu kae nye Mawu Fiaɖuƒea?\nMawu Fiaɖuƒe ana amewo nanɔ ŋutifafa me eye woawɔ ɖeka le anyigba katã dzi.\nAleke nàwɔ akpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me biabia siwo le asiwò?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2019-mar-apr\/","date":"2019-06-20T14:39:59Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999218.7\/warc\/CC-MAIN-20190620125520-20190620151520-00139.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973134995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973134994506836}","num_words":155,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.258,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu le tsitsim le Nazaret, si nye du sue aɖe si mexɔ ŋkɔ o me. Du sia le dziehe le tonuto aɖe si woyɔna be Galilea la me, eye wòle ta gã aɖe si woyɔna be Galilea-ƒu la ƒe ɣetoɖoƒe.\nEsi Yesu xɔ abe ƒe eve ene la, Yosef kple Maria kplɔe tso Egipte va afi sia. Edze abe eya koe nye vi si le wo si ɣemaɣi ene. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda, siwo nye dadaviawo. Yosef kple Maria dzi nyɔnuviwo hã siwo nye Yesu dadaviwo. Ɛ̃, ne mede ɖeke o la, wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi ade ya teti ɖe Yesu yome.\nƑometɔ bubuwo hã nɔ Yesu si. Míenya nu tso Elizabet kple via Yohanes ŋu xoxo. Wole Yudea, si didi tso wo gbɔ agbadroƒe geɖe. Salome le Galilea, si te ɖe wo ŋu, eye anye be Maria nɔvinyɔnue, si afia be enye Yesu nɔɖi alo nɔgã. Salome srɔ̃e nye Zebedeo. Ekema efia be wo viŋutsu eve siwo nye Yakobo kple Yohanes la kple Yesu wonye nɔgãnɔɖiviwo. Míenya ne esime Yesu nɔ tsitsim la, eya kple ŋutsuvi siawo dea ha kple wo nɔewo zi geɖe o, gake emegbe wova zu zɔhɛ kplikplikpliwo, eye wova nye Yesu ƒe apostolowo.\nEle be Yosef nawɔ dɔ sesĩe atsɔ akpɔ eƒe ƒome si le lolom la dzi. Atikpalae wònye. Yosef nyi Yesu abe eya ŋutɔ via ene, eya ta woyɔa Yesu be 'atikpala ƒe vi.' (Mateo 13:55) Yosef fia atikpakpadɔ Yesu, eye esrɔ̃e nyuie hã. Le nyateƒe me la, amewo va gblɔ tso Yesu ŋu emegbe be: \"Atikpala lae nye esia.\"—Marko 6:3.\nNu si xɔ teƒe vevitɔ le Yosef kple eƒe ƒomea ƒe agbenɔnɔ mee nye tadedeagu na Yehowa. Le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Sea dzi me la, Yosef kple Maria naa gbɔgbɔmenufiame wo viwo ne 'wobɔbɔ nɔ wo ƒe me, ne wole mɔ dzi, ne womlɔ anyi, alo ne wofɔ.' (5 Mose 6:6-9) Ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef kplɔa eƒe ƒomea yia ƒuƒoƒea be woaɖade ta agu le afi ma. Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Yesu ŋu emegbe be eyi ƒuƒoƒea \"abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ le Sabat ŋkeke dzi ene.\" (Luka 4:16) Azɔ hã, dzidzɔ gãe wònyena na ƒomea be woanɔ mɔ zɔm edziedzi ayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/jesus\/do-%C5%8Bg%C9%94-yesu-sub%C9%94sub%C9%94d%C9%94-g%C9%94medzedze\/agben%C9%94n%C9%94-le-nazaret\/","date":"2019-06-20T10:33:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999200.89\/warc\/CC-MAIN-20190620085246-20190620111246-00206.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993218184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993218183517456}","num_words":376,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.274,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yesu va anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi ɖe amegbetɔ siwo mede blibo o la ta. Togbɔ be Yesu ku hã la, eɖu xexea dzi. Yehowa wɔ nuteƒe na Via eye wòfɔe ɖe tsitre. Yesu bɔbɔ eɖokui subɔ amewo eye wòlɔ̃na tsɔa woƒe vodadawo kea wo va se ɖe eƒe ku me. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo. Efia ale si woawɔ dɔ vevitɔ kekeake si wòde asi na wo la wo. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be ele be míawo hã míawɔ akpa aɖe le dɔ sia me egbea.\nLE AKPA SIA\nYesu fia nu vevi aɖe eƒe apostoloawo esi wonɔ fiẽnuɖuɖu mamlɛa ɖum.\nYuda Iskariot kplɔ ame gbogbo siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la vɛ ale be woalé Yesu.\nNu kae dzɔ le Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu? Eye nu kae wowɔ Yesu le aƒea me?\nNu ka tae Pilato ɖe mɔ be woawu Yesu?\nEsi wowu Yesu le ŋkeke aɖewo megbe la nu wɔnuku kawoe dzɔ?\nNu kae Yesu wɔ hafi wonya be eyae?\nDo ŋgɔ la, ena mɔfiame vevi aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/13\/","date":"2019-06-24T15:44:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999615.68\/warc\/CC-MAIN-20190624150939-20190624172939-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986938834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986938834190369}","num_words":190,"character_repetition_ratio":0.018,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Naneke medzɔa dzi na dzila Kristotɔwo wu be woakpɔ be yewo vi 'nagbe nu le eɖokui gbɔ, atsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze Yesu yome ɖaa' o. (Mr 8:34; 3Yh 4) Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woadze Yesu yome, atsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ? Nu kawoe afia be ɖeviwo le klalo be yewoaɖe afɔ vevi sia axɔ nyɔnyrɔ?\nXlẽ \"Gbedeasi Aɖe Na Dzilawo\" si le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe axa 165-166, eyome miɖo biabia siawo ŋu:","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/may-2018-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-may7-13\/kpe-%C9%96e-viw%C3%B2wo-%C5%8Bu-woadze-kristo-yome\/","date":"2019-06-27T00:07:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000609.90\/warc\/CC-MAIN-20190626234958-20190627020958-00438.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9967880845,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9967880845069885}","num_words":90,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.178,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Aƒetɔ John Jubber gblɔ dɔ si gbegbe dukɔwo dome takpekpe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Harare le August (Dasiamime) 2014 me la wɔ ɖe amewo dzi.\nÐasefo Siwo Le Zimbabwe Le Ƒe 2015 \"Srɔ̃ Yesu!\" Nutome Gã Takpekpewo Wɔm Le Dukɔwo Dome Takpekpe Ðedzesi Aɖe Si Wowɔ Ƒe Ðekae Nye Esia Megbe\nƑe 2014 dukɔwo dome takpekpe la va zu nyadzɔdzɔ vevitɔ si ŋu amewo ƒoa nu tsoe le Zimbabwe, eye wòna be amewo le mɔ kpɔm na ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpewo vevie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/zimbabwe\/","date":"2019-06-26T03:42:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000164.31\/warc\/CC-MAIN-20190626033520-20190626055520-00092.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.999804914,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998049139976501}","num_words":83,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.301,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2017\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 3-30, 2017 la le tata sia me.\nTso gɔmedzedzea me la, nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple amegbetɔwo? Kuxi kae do mo ɖa? Nu ka tae wònye Yesu ƒe tafevɔsaa dzie woato ana Mawu ƒe tameɖoɖoa nava eme?\nTsɔ kpe ɖe ale si Mawu ƒe ɖoɖo sia ʋu yayra geɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí ŋu la, ekpɔ nya vevi siwo ka ame siwo le dziƒo kple anyigba dzi hã gbɔ.\nAGBEMEŊUTINYA\nDouglas kple Mary Guest wokpɔ Mawu ƒe amenuveve teƒe esime wonye mɔɖelawo le Canada kpakple esime wonye dutanyanyuigblɔlawo le Brazil kple Portugal.\nYehowa to amegbetɔwo dzi kplɔ eƒe amewo le blema. Kpeɖodzi kawoe ɖee fia be enɔ megbe na ame mawo vavã?\nYesu do ŋugbe na eyomedzelawo be yeanɔ kpli wo va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi. Aleke wòle Mawu ƒe amewo kplɔm le anyigba dzi egbea?\nApostolo Paulo ŋlɔ bena Mawu \"maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o.\" Ðe esia fia be Yehowa daa nuwo kpɔ henyaa tetekpɔ siwo nu míate ŋu anɔ te ɖo la do ŋgɔ eye wòtiaa esiwo nu wòaɖe mɔ ɖo be woava mía dzia?\nNU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE\nTso ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo va de asi na ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze la, mɔɖela dovevienuwo ku kutri vevie kaka Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia yi Australia anyigbagã la ƒe nuto saɖeagawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83-february-2017\/","date":"2019-06-18T06:42:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998690.87\/warc\/CC-MAIN-20190618063322-20190618085322-00475.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974291325,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9974291324615479}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Àdi be yeanya nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo—ame siwo wonye, ale si wowɔ va dzɔ kple dɔ siwo wowɔna ŋua? Ŋuɖoɖoawo mele afi aɖeke tsɔ wu Mawu ƒe Nya Biblia me o. (2 Timoteo 3:16) Nya kae Biblia gblɔ?\nTogbɔ be Biblia ƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu abe ŋutsuwoe wonye ene, eye ɣesiaɣi si wotrɔ wo ɖokuiwo la wodzena ŋutsuwo hã la, womenye ŋutsuwo loo alo nyɔnuwo o. Womeɖea srɔ̃ dzia mawudɔla bubuwo o. Azɔ hã, mawudɔlawo medo ŋgɔ nɔ anyigba dzi gbã nye vidzĩwo, ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Yehowae wɔ mawudɔlawo, esia tae Biblia yɔa wo be \"Mawu vavã la ƒe viwo.\"—Hiob 1:6; Psalmo 148:2, 5.\nBiblia ƒo nu tso \"amegbetɔwo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo\" ŋu, si fia be gbegbɔgblɔ le mawudɔlawo si eye woƒoa nu. Togbɔ be Mawu ƒo nu na amegbetɔwo to mawudɔlawo dzi hã la, meɖe mɔ na mí be míasubɔ wo alo ado gbe ɖa na wo o.—1 Korintotɔwo 13:1; Nyaɖeɖefia 22:8, 9.\nMawudɔlawo nye 'kalẽtɔ sesẽwo,' ŋusẽ le wo ŋu boo wu amegbetɔwo, eye woƒe susu de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔwo tɔ. Edze ƒãa be woɖea abla ŋutɔ, woƒe duƒuƒu mele gbɔgblɔ me o, ewu nu sia nu si le anyigba dzi.—Psalmo 103:20; Daniel 9:20-23.\nWowɔ mawudɔlawo be woaɖe nɔnɔme nyuiwo afia eye ŋutetewo kple tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe hã le wo si. Eya ta woawo hã woate ŋu atiae be yewoawɔ nu nyui alo nu vɔ̃ abe amegbetɔwo ke ene. Nublanuitɔe la, mawudɔla aɖewo tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu.—Yuda 6.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/nyate%C6%92e-si-ku-%C9%96e-mawud%C9%94lawo-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-26T18:43:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000414.26\/warc\/CC-MAIN-20190626174622-20190626200622-00459.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9956489801,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995648980140686}","num_words":238,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.197,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"DECEMBER (DZOME) 21, 2015\nAZERBAIJAN\nLe December (Dzome) 17, 2015, si nye nyadɔdrɔ̃a ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Ʋɔnudrɔ̃la Akram Gahramanov si le aƒenɔ Irina Zakharchenko kple aƒenɔ Valida Jabrayilova ƒe nya la drɔ̃m le Pirallahi Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea le Baku le Azerbaijan gbe be womegaɖe asi le nyɔnu siawo ŋu o. Ʋɔnudrɔ̃laa do toku Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe biabia be Azerbaijan dziɖuɖua naɖe asi le aƒenɔ Zakharchenko ŋu le eƒe lãmegbegblẽ ta la hã. Eda nyadɔdrɔ̃a dzi yiyi ɖe January (Dzove) 7, 2016 dzi eye wòɖo zi te.\nWogbugbɔ kplɔ aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova yi gaxɔ me. Nya la teƒe kpɔlawo gblɔ be ale si nyɔnu eve siawo nɔ gaxɔ me ɣleti ewo sɔŋ na be lãme megale wo si o, eye nu te ɖe wo dzi hã. Aƒenɔ Zakharchenko koŋ ya ɖi ku, ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/senyawo\/nuto-sia-nuto\/azerbaijan\/%CA%8B%C9%94nudr%C9%94%CC%83la-gli-nya-la-20151221\/","date":"2019-06-18T19:50:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998813.71\/warc\/CC-MAIN-20190618183446-20190618205446-00259.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978432059,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978432059288025}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.089,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AFI kae ke tsona? Etsoa teƒe geɖewo. Gake ketsoƒe si ŋu woƒo nu tsoe le nyati sia me la awɔ nuku na wò. Enye ƒumelã si tua adzawo wozua ke, eye woyɔa ƒumelã sia be eha.\nEhawo nɔa atsiaƒu siwo le anyigba xɔdzɔwo dzi me le xexea me godoo. Ne ƒumelã siawo mi adza siwo wotugu la, woɖea nuɖuɖu suesuewo le wo me, eye wotua susɔea wòzua kewɔ. Be ehawo nate ŋu awɔ esia la, wozãa woƒe aɖu sesẽawo kple woƒe glã sesẽ siwo le abe xe ƒe dɔ ene. Ƒumelã sia ƒomevi aɖewo tea ŋu nɔa agbe ƒe 20 sɔŋ, evɔ aɖuwo metuna le nu me na wo o.\nLe go aɖewo me la, ne eha ɖu adzawo la, etua wo wozua ke eye ke si wòwɔna la sɔa gbɔ wu ketsoƒe bubuwo katã tɔ. Numekula aɖewo bu akɔnta be ewɔa ke si ade kilogram alafa ɖeka ƒe sia ƒe.\nEha gawɔa dɔ vevi bubu. Eɖua adza kuku kple gbe wuwlui geɖewo eye esia nana be adzakpowo me kɔna keŋkeŋ. Esi ehawo ɖua nu siawo tae adzakpowo nɔa nɔnɔme nyui me. Afi si ehawo kple ƒumelã bubu siwo ɖua gbe wuwlui kple ƒumegbe siwo vuna tsyɔa adzakpowo dzi mele o la, adzakpoawo dome gblẽna. Agbalẽ aɖe (Reef Life) gblɔ be: \"Ame aɖewo gblɔ be ne ƒumelã siwo ɖua gbe meli o la, anye ne adzakpowo manɔ abe ale si wole fifia ene o.\"\nEhiã be ehawo naɖi ɖe eme nyuie le zã me hafi ate ŋu awɔ dɔ mawo gbegbe le ŋkeke me, eye ehawo gato vovo le go sia hã me. Adzakpowo me nɔnɔ le zã me nye afɔku gã aɖe, elabe ƒumelã lénuwo dona ɣemaɣi. Zi geɖe la, ehawo bena ɖe adzakpowo te hafi dɔa alɔ̃, gake ema mekpɔa wo ta tso agblolui dɔwuiwo si me ɣesiaɣi o.\nEya ta ehawo tsyɔa nane si le abe avɔ falɛfalɛ ene le zã me. Wotua nu sia tso woƒe nu me tsɔ tsyɔa wo ɖokuiwo ale be wòakpɔ wo ta. Enyea nu drɔyidrɔyi ɣi aɖe si le abe anyimlɔwu ene. Ƒumelãŋutinunyalawo xɔe se be nu sia kpɔa wo ta tso ƒumelã lénuwo si me.\nEha nye lã siwo nya kpɔ wu le adzakpowo me siwo dzena amewo kpɔna bɔbɔe la dometɔ ɖeka. Ehatsuviwo kple ehanɔviwo siaa nɔa amadede nyakpɔ vovovowo me, eye amadede siawo trɔna ne wotsi. Gawu la, ehawo tsɔa afi siwo womeɖea lã le edziedzi o la wɔa wo nɔƒewo koŋ. Eya ta ehawo nye lã siwo wotea ŋu kpɔna bɔbɔe wu.\nNe ame siwo srɔ̃a nu tso adzakpowo ŋu te ɖe ehawo ŋu le wo kpɔm hele ale si wole adzawo ɖumee sem la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aŋlɔ nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi ma be. Eye ne ehawo le atsyɔ̃ɖoɖo me va le yiyim la, wonana adzakpowo me nɔa kɔkɔe na nu gbagbe siwo nɔa adzakpowo me kple amegbetɔwo siaa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201506\/eha-%C6%92umel%C3%A3-si-w%C9%94a-ke\/","date":"2019-06-24T16:08:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999615.68\/warc\/CC-MAIN-20190624150939-20190624172939-00352.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986916184,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986916184425354}","num_words":474,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Vienna ƒe nuto si nye Meidling dzi kpɔla Gabriele Votava ƒo nuƒo aɖe si me wòɖe nu le ŋkuɖodzikpe si wowɔ tsɔ ɖo ŋku Aƒetɔ Gerhard Steinacher, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si wowu esime wòxɔ ƒe 19 le esi wògbe be yemakpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu o ta la dzi.\nLe April 13, 2014 dzi la, woɖe ŋkuɖodzikpe aɖe si wowɔ be woatsɔ aɖo ŋku Yehowa Ðasefo 450 siwo Nazitɔwo de ga le Mauthausen kple Gusen fuwɔamegaxɔ me le Austria dzi la fia.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nyadz%C9%94dz%C9%94wo\/nuto-sia-nuto\/austria\/","date":"2019-06-26T13:59:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560628000353.82\/warc\/CC-MAIN-20190626134339-20190626160339-00490.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995886683,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999588668346405}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.35,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2016\nNusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso November 28 va se ɖe December 25, 2016 la le tata sia me.\nAGBEMEŊUTINYA\nKristotɔ siwo tsi le xɔse me ƒe dzideƒonyawo ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woaɖo taɖodzinu nyuiwo na wo ɖokuiwo ahaɖo wo gbɔ. Thomas McLain ƒo nu tso kpɔɖeŋu nyui siwo ame bubuwo ɖo ɖi nɛ kple ale si eya ŋutɔ dze agbagba be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu.\nAleke Mawu bua amedzrowoe? Nu kae nàte ŋu awɔ be dukɔ bubu me tɔ siwo le miaƒe hamea me la naɖe dzi ɖi le mia dome?\nEle be ame ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe ƒomedodo kple Mawu nanye nu vevitɔ na Kristotɔwo katã. Gake ne èle subɔsubɔm le duta la, esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ.\nVovototo kae le nunya vavãtɔ kple sidzedze kpakple gɔmesese dome? Vovototoa nyanya ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.\nXɔsetɔ siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Aleke nàwɔ ado ŋusẽ wò xɔse?\nNu ka tututue nye xɔse? Eye vevietɔ wu la, aleke nàte ŋu aɖe xɔse afia?\nŊusẽ ka gbegbee Roma dziɖuɖua na Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me? Eye le blema la, ɖe wòdzɔna ŋutɔŋutɔ be ame aɖe nawu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe ame bubu ƒe agble mea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-tata-si-m%C3%ADesr%C9%94%CC%83na-october-2016\/","date":"2019-06-19T17:58:48Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999003.64\/warc\/CC-MAIN-20190619163847-20190619185847-00171.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977169037,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977169036865234}","num_words":217,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne ètsɔ wò nu nyuitɔ kekeake na Yehowa la, edzea eŋu eye wòɖea vi na wò ŋutɔ hã\nÈtsɔa kafukafuvɔsawo naa Yehowa\nYehowa tsɔa wò nu vɔ̃wo kea wò, ekpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò eye wòdzea xɔ̃ wò\nNe èɖo to Yehowa ƒe sededewo la, èkpɔnɛ be woɖea vi na ye eye esia ʋãa wò be nàkafu Yehowa geɖe wu\nMɔ kawo nue mate ŋu atsɔ nye nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa le?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/october-2017-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-oct23-29\/ts%C9%94-w%C3%B2-nu-nyuit%C9%94-kekeake-na-yehowa\/","date":"2019-06-17T12:15:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00022.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955379367,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955379366874695}","num_words":72,"character_repetition_ratio":0.077,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.153,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.983,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"David to nɔnɔme sesẽ geɖe siwo gbã dzi nɛ vevie la me le agbe me. Kaka woaŋlɔ Psalmo 55 lia la, David to nɔnɔme siwo gbɔna me . . .\nDzudzu\nYometiti\nDzitsinya Ƒe Fɔbuame\nAme Vevi Ƒe Ku\nDɔléle\nNuteƒe Mawɔmawɔ\nEsi wòdze abe agbawo wu tsɔtsɔ na David ene la, edi mɔ si dzi wòato anɔ te ɖe wo nu. Eƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me na ame siwo agba wu tsɔtsɔ na ye nye be: \"Dro wò agba ɖe Yehowa dzi.\"\nAleke míate ŋu awɔ ɖe mawunyakpukpui sia dzi egbeae?\nTrɔ ɖe Yehowa ŋu nàdo gbe ɖa nɛ tso dzi me tso kuxi alo dzimaɖitsitsi ɖe sia ɖe ŋu\nDi mɔfiame kple kpekpeɖeŋu tso Yehowa ƒe Nyaa me kple eƒe habɔbɔa gbɔ\nWɔ nu sia nu si nàte ŋui si nèkpɔ be esɔ kple Biblia ƒe mɔfiame nàtsɔ aɖe kuxia dzi akpɔtɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/jw-kpekpea-%C6%92e-nusr%C9%94%CC%83gbal%E1%BA%BD\/june-2016-mwb\/kpekpe-%C6%92e-%C9%96o%C9%96ow%C9%94%C9%96i-june27-july3\/dro-w%C3%B2-agba-psalmo55-22\/","date":"2019-06-25T03:28:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999787.0\/warc\/CC-MAIN-20190625031825-20190625053825-00369.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987927079,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987927079200745}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.044,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.284,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"ÈNYA amesi mlɔ anyi ɖe anyigba la? Saul ye. Ðo ŋku edzi be eyae nɔ amesiwo ƒu kpe Stefano la ƒe awuawo gbɔ. Kpɔ keklẽ gã ma ɖa! Nukae le dzɔdzɔm?\nEsi wowu Stefano megbe la, Saul xɔ ŋgɔ henɔ Yesu yomedzelawo dim be yeawɔ nuvevi wo. Eyia aƒe ɖesiaɖe me hekplɔa wo ɖadea gaxɔ me. Nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe si yi du bubuwo me hedze egɔme ɖe gbeƒã \"nyanyui\" la le afima. Gake Saul yi du bubuawo me yi Yesu yomedzelawo di ge. Fifia edze mɔ yina Damasko. Gake le mɔa dzi la, nukunu aɖe va dzɔ:\nKasia keklẽ aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlã Saul. Edze anyi abe alesi míekpɔe le afisia ene. Tete gbe aɖe gblɔ be: 'Saul, Saul! Nukatae nèle nuvevi wɔmem?' Amesiwo le Saul ŋu la kpɔ keklẽ la hese gbeɖiɖi la, gake womete ŋu se nusi gblɔm wole la gɔme o.\nSaul bia be: 'Wò amekae, Aƒetɔ?'\nGbeɖiɖi la gblɔ be: 'Nyee nye Yesu, amesi nèle nuvevi wɔmee la.' Yesu gblɔ esia, elabena esi Saul le nuvevi wɔm Yesu yomedzelawo la, Yesu senɛ abe ye ŋutɔe wole nuvevi wɔmee ene.\nAzɔ Saul bia be: 'Aƒetɔ, nukae mawɔ?'\nYesu gblɔ nɛ be: 'Tsi tre nàyi Damasko. Woagblɔ nusi nàwɔ la na wò le afima.' Esi Saul tsi tre heʋu ŋku la, megale nu kpɔm o. Etsi ŋku! Eyata amesiwo le eŋu la lé eƒe alɔnu hekplɔe yi Damasko.\nEye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la, siwo le Damasko la dometɔ ɖeka be: 'Anania, tsi tre. Yi ablɔ, si woyɔna be Dzɔdzɔe la dzi. Bia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul la ta le Yuda ƒeme. Metiae be wòanye dɔla tɔxɛ nam.'\nAnania yi. Esi wòkpɔ Saul la, eda eƒe asiwo ɖe edzi hegblɔ be: 'Aƒetɔ la dɔm ɖe gbɔwò be nàgakpɔ nu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe nayɔ wò.' Enumake nane, si le abe tsrowo ene la ge tso Saul ƒe ŋkuwo dzi, eye wògale nu kpɔm.\nWowɔ Saul ŋudɔ le mɔ gã aɖe nu be wòaɖe gbeƒã na dukɔ geɖe. Wova yɔe be apostolo Paulo, amesi ŋuti míasrɔ̃ nu geɖe le. Gake gbã la, na míakpɔ nusi Mawu dɔ Petro be wòawɔ la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/7\/le-damasko-m%C9%94-dzi\/","date":"2019-06-24T13:37:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999539.60\/warc\/CC-MAIN-20190624130856-20190624152856-00289.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990566373,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990566372871399}","num_words":356,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Roma Fiaɖuƒea dzi ɖula, Kaisaro Augusto, de se be Yudatɔwo katã nayi wo de avae ŋlɔ ŋkɔ. Eya ta Yosef kple Maria yi Betlehem, si nye du si me Yosef tso. Ɣemaɣi la esusɔ vie Maria nadzi vi.\nEsi woɖo Betlehem la, lãkpo me koe nye teƒe si wokpɔ na wo be woadze. Afi mae Maria dzi Yesu le. Exatsa avɔ ɖe ɖevia ŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.\nAlẽkplɔla aɖewo nɔ woƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si te ɖe Betlehem ŋu le zã me. Mawudɔla aɖe va tɔ ɖe wo gbɔ le vo me eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo. Alẽkplɔlaawo vɔ̃ gake mawudɔlaa gblɔ na wo be: 'Migavɔ̃ o. Dzidzɔnya aɖe le asinye na mi. Wodzi Mesia la le Betlehem egbea.' Le ɣeyiɣi ma tututu me la, wokpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo le yame wonɔ gbɔgblɔm be: 'Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo, eye ŋutifafa na anyigbadzinɔlawo.' Eyome mawudɔlaawo bu vĩi. Nu kae alẽkplɔlaawo wɔ?\nWogblɔ na wo nɔewo be: 'Mina míayi Betlehem fifi laa.' Woyi enumake eye wokpɔ Yosef, Maria kple wo vi la le lãkpo me.\nNya si mawudɔlaa gblɔ na alẽkplɔlaawo la wɔ nuku na ame sia ame si see. Maria bu mawudɔlaa ƒe nyawo ŋu vevie eye womebu le tame nɛ gbeɖe o. Alẽkplɔlawo trɔ yi woƒe alẽawo gbɔ eye woda akpe na Yehowa ɖe nu si wokpɔ eye wose la ta.\n\"Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.\"—Yohanes 8:42","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo-nus%C9%94sr%C9%94%CC%83wo\/11\/%C9%96e-gbe%C6%92%C3%A3-yesu-dzidzi\/","date":"2019-06-18T03:36:41Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00027.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998803854,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988038539886475}","num_words":246,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Susu vovovowoe le amewo si tso dziƒo ŋu, eye wohea nya tsoa teƒe si tɔgbi wònye ŋu. Ke hã, nu si Biblia fia tso dziƒo ŋu to vovo kura na nu siwo wofiana ame geɖewo tso eŋu.\nTeƒe kae dziƒo nye?\nNYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA\nDzixɔse vovovowoe le amewo si ku ɖe dziƒo ŋu eye taɖodzinu si le eŋu hã le vovovo. Le kpɔɖeŋu me:\nAme geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la alɔ̃ ɖe nya siwo Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be, dziƒo nye \"ame kɔkɔe siwo ku le Aƒetɔ la me la ƒe nɔƒe\" la dzi.\nBentzion Kravitz si nye Yuda-subɔsubɔha ƒe Rabi gblɔ be Yuda-subɔsubɔha ƒoa nu tsoa agbe si wole fifia ŋu wu agbe si woava nɔ le dziƒo ŋu. Gake edo susu ɖa be, \"luʋɔ la kpɔa dzidzɔ geɖe le dziƒo—enyea dzidzɔ manyagblɔ kple sese le ame ɖokui me be yete ɖe Mawu ŋu wu ale si wònɔ esime yenɔ anyigba dzi.\" Gake Kravitz lɔ̃ ɖe edzi be \"togbɔ be Yuda-subɔsubɔha me tɔwo xɔe se be dziƒo li hã la, Torah si nye woƒe agbalẽ la meƒo nu boo aɖeke tso eŋu o.\"\nHindutɔwo kple Buddhatɔwo xɔe se be dziƒoyiyi li le go vovovowo me. Enye teƒe aɖe si ame va nɔna sẽ emegbe woagbugbɔ adzii ɖe anyigba dzi loo alo wòayi teƒe si woyɔna be Nirvana alo wòaɖo blibodede gbɔ le Buddha subɔsubɔha me—afi si gade ŋgɔ wu dziƒo.\nAme aɖewo mexɔ subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo ku ɖe dziƒo ŋu dzi se o, eye wogblɔna be enye ɖevinya si me susu aɖeke mele o.\nNU SI BIBLIA FIA\nGɔmesese vovovowoe le nya \"dziƒo\" ŋu le Biblia me. Le kpɔɖe- ŋu me:\nBiblia gblɔ le 1 Mose 1:20 be, \"nuwɔwɔ siwo dzona la nedzo le yame [alo dziƒo] le dziŋgɔlia ŋkume.\" Le afi sia la, \"dziƒo\" fia yamenuto si míekpɔna la.\nBiblia gblɔ le Yesaya 13:10 be \"dziƒoɣletiviwo kple woƒe ɣletivihatsotsowo,\" esia fia yamenuto gbahoo la.\nBiblia gblɔ tso Mawu ŋu be \"nɔwòƒe le dziƒo,\" eye wògaƒo nu tso \"mawudɔla siwo le dziƒo\" la ŋu. (1 Fiawo 8:30; Mateo 18:10) De dzesii be menye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe \"dziƒo\" si ŋu woƒo nu tsoe la nye o, ke enye nɔƒe ŋutɔŋutɔ si Mawu kple mawudɔlawo le. *\n\"Do ŋku ɖa tso dziƒo ne nàkpɔ nu, tso wò bubuteƒe kɔkɔ si le kɔkɔe la.\"—Yesaya 63:15.\nÐe ame nyuiwo katã yia dziƒo ne wokua?\nBiblia mefia nu be míenye amedzrowo le anyigba dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye míayi dziƒo le míaƒe ku megbe o. Biblia na eme kɔ ƒãa be ku menɔ Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo me na amegbetɔwo o. Bu nya siawo ŋu kpɔ:\nMawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔ be: \"Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi.\" (1 Mose 1:28) Eya ta Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la nanye amegbetɔwo nɔƒe tegbee. Ne atsu kple asi gbãtɔ gbe toɖoɖo Mawu ko hafi woaku. Nublanuitɔe la, wotiae be yewoagbe toɖoɖo.—1 Mose 2:17; 3:6.\nAme gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖoe he ku vɛ na eya ŋutɔ kple srɔ̃a kpakple woƒe dzidzimeviwo katã. (Romatɔwo 5:12) Ðe ema fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na amegbetɔwo oa?\nBiblia gblɔ be \"míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.\" * (2 Petro 3:13) Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi ana anyigba nagatrɔ azu paradiso ake abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene, \"eye ku maganɔ anyi akpɔ o.\" (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dziƒoyiyi ƒe nya gblɔm wole le afi sia loo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe nyae? Ne wogblɔ be nane maganɔ \"anyi akpɔ o\" la, efia be enɔ anyi va yi. Gake ku menɔ dziƒo kpɔ o. Eya ta susu le eme be mawunyakpukpui ma ku ɖe nu si adzɔ le anyigba dzi la ŋu, afi si Mawu ɖo be míawo kple míaƒe ame veviwo míanɔ. Biblia gblɔ hã be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre woagava wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo.—Yohanes 5:28, 29.\nAme geɖewo kpɔ dzidzɔ esi wosrɔ̃ nu si tututu Biblia fia ku ɖe dziƒo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, George si nye Katolikotɔ tsã gblɔ be: \"Nu si Biblia fia ku ɖe agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ŋu la fa akɔ nam. Susu le eme nam wu dziƒoyiyi.\" *\n\"Dziƒo nye Yehowa tɔ, Ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.\"—Psalmo 115:16.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-january-2016\/nu-kae-biblia-gbl%C9%94-dzi%C6%92o-%C5%8Bu\/","date":"2020-01-28T01:59:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251737572.61\/warc\/CC-MAIN-20200127235617-20200128025617-00079.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987142086,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987142086029053}","num_words":686,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.265,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se. Gake ne èbia wo be ame kae nye Mawu hã la, àse ŋuɖoɖo vovovowo. Le ame aɖewo gome la, Mawu nye ʋɔnudrɔ̃la sẽŋuta aɖe si dina be yeahe to na amewo ɖe woƒe nu gbegblẽwo ta. Eye ame bubuwo hã susu be enye Mawu lɔ̃ame si tsɔna kena ɣeawokatãɣi nu ka kee yewo ɖawɔ o. Gake ame aɖewo hã xɔe se be Mawu le adzɔge tso mía gbɔ eye metsɔa ɖeke le eme na mí o. Esi wònye susu vovovo siawoe le amewo si ɖe Mawu ŋu ta la, ame geɖe asusu be manya wɔ gbeɖe be woanya ame si Mawu nye o.\nÐe wòle vevie be woanya Mawua? Ɛ̃, ele vevie. Ne ènya Mawu nyuie la, ate ŋu ana tameɖoɖo kple gɔmesese nanɔ wò agbe ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Ne ète ɖe Mawu ŋu nyuie la, eya hã alɔ̃ wò eye wòakpe ɖe ŋuwò. (Yakobo 4:8) Ne Mawu ŋuti sidzedze vavã su asiwò la, ate ŋu ana nànɔ agbe tegbee.—Yohanes 17:3.\nAleke nàwɔ anya Mawu? De ŋugble le xɔwò aɖe si nènya nyuie la ŋu kpɔ. Aleke miewɔ va zu xɔlɔ̃wo? Anye be èva nya ame ma ŋkɔ, eƒe nɔnɔmewo, nu siwo dzɔa dzi nɛ kple nu siwo medzɔa dzi nɛ o, nu siwo wòte ŋu wɔ, nu siwo wòɖo be yeava wɔ kple bubuawo. Nu siawoe na nèdze xɔ̃e.\nNenema kee míate ŋu ava nya Mawu ne míedzro nu siwo gbɔna la me:\nWotrɔ asi le magazine sia ŋu be wòaɖo nya siawo ŋu tso Biblia me. Nyati siawo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso ame si Mawu nye ŋu kple vi si esia aɖe na wò ne èva dze si Mawu eye nèzu exɔlɔ̃.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2019-jan-feb\/ame-kae-nye-mawu-biblia-%C5%8Bu%C9%96o%C9%96owo\/","date":"2020-01-27T04:04:30Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251694176.67\/warc\/CC-MAIN-20200127020458-20200127050458-00218.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976676702,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997667670249939}","num_words":281,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.251,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ\nBUDDHA subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe, Dalai Lama, gblɔ be: \"Mexɔ se be taɖodzinu si koŋ le míaƒe agbe ŋue nye be míadi dzidzɔkpɔkpɔ.\" Eyi edzi ɖe eme be yexɔe se be woate ŋu akpɔ dzidzɔ to susu kple dzi la hehe alo emamla me. Egblɔ be: \"Nu vevitɔ si míehiã be míakpɔ dzidzɔ blibo enye susu.\" Ete gbe ɖe edzi be Mawu dzixɔse mehiã o. *\nTo vovo na ema la, de ŋugble le Yesu, amesi si Mawu dzixɔse sẽŋu nɔ eye eƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn alafa geɖe dzi le ƒe alafawo me la ŋu kpɔ. Yesu tsɔ ɖe le amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Edze eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa gɔme kple dzidzɔnya asieke—nyagbɔgblɔ asieke siwo dze egɔme kple: \"Dzidzɔtɔwoe nye . . .\" (Mateo 5:1-12, NW) Le mawunya ma ke me la, efia eƒe nyaselawo be woalé ŋku ɖe woƒe susu kple dzi ŋu, akɔ wo ŋu ahana hehe wo—woatsɔ tamesusu siwo me ŋutifafa, kɔkɔenyenye, kple lɔlɔ̃ le aɖo ŋutasesẽ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ɖokuitɔdidi ƒe tamesusuwo teƒe. (Mateo 5:21, 22, 27, 28; 6:19-21) Abe alesi eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka xlɔ̃ nui emegbe ene la, ele be 'míayi edzi anɔ nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, nusiwo dzea ame, kple nusiwo dze na kafukafu la, ŋu susum.'—Filipitɔwo 4:8.\nYesu nya be mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzɔ vavãtɔ kpɔkpɔ dzi. Le dzɔdzɔme nu la, mí amegbetɔwo míelɔ̃a hadede, eyata míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míeɖe mía ɖokui ɖe aga alo wɔa dzre ɣesiaɣi kple amesiwo dome míele o. Ne míesee le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí eye be míelɔ̃ ame bubuwo ko hafi dzi ate ŋu adzɔ mí. Yesu fia nu be nu vevitɔ si dzi wotu lɔlɔ̃ sia ɖoe nye mía kple Mawu dome ƒomedodo. Le go sia koŋ me la, Yesu ƒe nufiafia mewɔ ɖeka kple Dalai Lama tɔ o, elabena Yesu fia nu be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ Mawu manɔmee o. Nukatae wòle nenema ɖo?—Mateo 4:4; 22:37-39.\nBu Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Ŋu\nTodzimawunya la me dzidzɔnyawo dometɔ ɖekae nye: \"Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔme nuhiahiãwo me.\" (Mateo 5:3, NW) Nukatae Yesu gblɔ nya sia ɖo? Elabena to vovo na lãwo la, gbɔgbɔmenuwo hiã na míawo ya. Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo ta, míate ŋu atu Mawu ƒe nɔnɔmewo, siwo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nublanuikpɔkpɔ, kple nunya, ɖo va ɖo afi aɖe. (Mose I, 1:27; Mixa 6:8; Yohanes I, 4:8) Míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ƒe ɖee nye didi be taɖodzinu nanɔ míaƒe agbe ŋu.\nAleke míawɔ akpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã siawo? Menye to ŋugbledede ʋĩ si me woɖea nusianu ɖa le susu me keŋkeŋ alo ameɖokuimedzodzro ko mee o. Ke boŋ Yesu gblɔ be: \"Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.\" (Mateo 4:4) De dzesii be Yesu gblɔ be Mawu gbɔe \"nya sia nya\" si hiã hena míaƒe agbenɔnɔ la tsona. Mawu koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia aɖewo ŋu. Sidzedze ma sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi, vevietɔ le egbeŋkekea me, esime tameɖoɖo si le agbe ŋu kple mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ ŋuti nufiafiawo va bɔ. Agbalẽ siwo doa lãmesẽ, kesinɔnuwo, kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ŋugbe na nuxlẽlawo la xɔ nɔƒe gbogbo aɖewo le agbalẽdzraƒewo. Woɖo dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nyatakakawo diƒe ɖe Internet dzi.\nKe hã zi geɖe la, amegbetɔ ƒe tamesusu le go siawo me mesɔna o. Zi geɖe la, enyɔa ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo alo ɖokuidodoɖedzi ɖe ame me. Sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ si mede ŋgɔ o dzie wotui ɖo, eye aʋatsonyatakakawo hã dzie wotunɛ ɖo zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nusi le dzidzim ɖe edzi le kpekpeɖeŋunana ame ɖokui gbalẽ ŋlɔlawo domee nye be woatu woƒe nukpɔsusuwo ɖe \"nɔnɔmetɔtrɔ ƒe susuŋutinunya,\" si me wogblɔna le be lã siwo me wosusu be woawo mee míedzɔ tso mee amegbetɔwo ƒe seselelãme le, dzi. Nyateƒeae nye be viɖe mate ŋu anɔ agbagba ɖesiaɖe si woadze be woadi ŋutifafa si wotu ɖe nufiafia siwo ŋea aɖaba ƒua akpa si mía Wɔla la wɔna dzi ŋu o eye woado kpo nu mlɔeba. Blema nyagblɔɖila aɖe gblɔ be: \"Ŋu akpe nunyalawo, . . . kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?\"—Yeremya 8:9.\nYehowa Mawu nya míaƒe wɔwɔme kple nusi ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Enya nusitae wòwɔ ame ɖe anyigba dzi kple nusi etsɔme ahe vɛ, eye egblɔ nya ma na mí le Biblia me. Nusi wògblɔ ɖe agbalẽ ma si tso gbɔgbɔ me me la dzea amesiwo si dzi nyui le la ŋu eye wòdzɔa dzi na wo. (Luka 10:21; Yohanes 8:32) Aleae wònɔ le Yesu ƒe nusrɔ̃la eve gome. Le eƒe kua ta, dzi menɔ wo dzɔm o. Gake esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ŋutɔ gblɔ akpa si wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo hena amegbetɔ ƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me na wo la, wogblɔ be: \"Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?\"—Luka 24:32.\nDzidzɔ sia gadzina ɖe edzi ne míena Biblia ƒe nyateƒea fia mɔ míaƒe agbenɔnɔ. Le go sia me la, míate ŋu atsɔ dzidzɔkpɔkpɔ asɔ kple anyieʋɔ. Edzena ne nɔnɔmeawo de edzi, gake eme gakɔna ɖe edzi—alo zua anyieʋɔa ƒe teƒe eve—ne nɔnɔmea sɔ nɛ keŋkeŋ. Azɔ mina míakpɔ alesi Biblia ƒe nufiafiawo tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ wui ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.\nNɔ Agbe si Le Bɔbɔe\nGbã la, de ŋugble le Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo ku ɖe kesinɔnuwo ŋu la ŋu kpɔ. Esi wòxlɔ̃ nu le kesinɔnudidi tsɔtsɔ wɔ nu vevitɔe le agbe me ŋu vɔ la, egblɔ nya ʋãme aɖe. Egblɔ be: \"Ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ.\" (Mateo 6:19-22) Nusi gblɔm wòle koe nye be ne míeti kesinɔnu, ŋusẽ, alo taɖodzinu bubu siwo amewo ɖona na wo ɖokui dometɔ ɖesiaɖe yome la, nusiwo le vevie wu la abɔ mí. Nusitae nye be abe alesi Yesu gblɔe ɣebubuɣi ene la, \"ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.\" (Luka 12:15) Ne míeɖo nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ, abe mía kple Mawu dome ƒomedodo, ƒomea ƒe nuhiahiãwo, kple nya siwo do ƒome kplii la nɔƒe gbãtɔ la, míaƒe \"ŋku\" dzi 'adza,' edzi maxe o.\nDe dzesii be menye nuteteameɖokuigbenɔnɔ ƒe dzi dem ƒo Yesu nɔ o. Elabena Yesu ŋutɔ mete nu eɖokui o. (Mateo 11:19; Yohanes 2:1-11) Efia nu boŋ be amesiwo bua agbe abe mɔnukpɔkpɔ si ŋudɔ woawɔ atsɔ ali kɔ kesinɔnuwo ɖi ko la abu woƒe agbe.\nEsi susumedɔdala aɖe si le San Francisco, U.S.A., nɔ nu ƒom tso ame aɖewo siwo zu kesinɔtɔ gãwo kaba le agbe me ŋu la, egblɔ be ga nye \"nusi hea nuteɖeamedzi kple tɔtɔ\" vɛ na wo. Egblɔ kpee be amesiawo \"ƒlea aƒe eve alo etɔ̃, ʋu, hegblẽa ga ɖe nuwo ŋu. Eye ne ema mesu eme na wo o [si nye be mena wokpɔ dzidzɔ o] la, woléa blanui, tsia yaa eye womenyaa nusi woawɔ kple woƒe agbe o.\" Gake ele bɔbɔe be amesiwo wɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo be woanɔ agbe si le bɔbɔe le ŋutilãmenuwo gome eye be ɣeyiɣi nanɔ wo ŋu na gbɔgbɔmenuwo la nakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.\nTom, si nye xɔtula le Hawaii, tsɔ eɖokui na faa be yeakpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu ŋu le Pacific-ƒukpowo dzi, afisi ŋutilãmenu mebɔ ɖe amewo si le o. Tom de dzesi nane le afimatɔ ɖokuibɔbɔla siawo ŋu. Egblɔ be: \"Nɔvinye ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siwo le ƒukpo siawo dzi le dzidzɔ kpɔm nyateƒe. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔe dze sii kɔte be menye ga kple nunɔamesiwoe nye nusiwo gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ tsona o.\" Elé ŋku ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔ dɔ kplii le ƒukpoawo dzi ŋu hekpɔ alesi woƒe dzi dze emee. Tom gblɔ be: \"Anye ne woate ŋu akpɔ ga gbogbo aɖe hafi. Gake wotiae be yewoatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ahanɔ agbe si le bɔbɔe.\" Le alesi kpɔɖeŋu siawo wɔ dɔe ɖe Tom dzi ta la, enɔ agbe si le bɔbɔe wu ale be wòate ŋu akpɔ vovo ɖe eƒe ƒomea kple gbɔgbɔmenuwo ŋu—enye afɔɖeɖe aɖe si wɔwɔ mevee kpɔ gbeɖe o.\nDzidzɔkpɔkpɔ Kple Asixɔxɔ Dede Ame Ðokui Ŋu\nSese le ame ɖokui me be bubu, alo asixɔxɔ le ye ŋu le vevie ŋutɔ hena dzidzɔkpɔkpɔ. Le amegbetɔ ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo dona tsoa eme ta la, ame aɖewo bua wo ɖokui be yewomele ɖeke me o, eye le ame geɖe gome la, aleae wòwɔna na wo tso woƒe ɖevime ke. Seselelãme si ƒo ke ɖe to la dzi ɖuɖu ate ŋu anye nu sesẽ, gake woate ŋu aɖu edzi. Egbɔkpɔnuae nye Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ.\nBiblia ɖe alesi Wɔla la sena le eɖokui me le mía ŋu la me na mí. Ðe alesi wòbua nu ŋui la mele vevie wu alesi amegbetɔ ɖesiaɖe bunɛ—alo alesi míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebunɛ—oa? Mawu, amesi ƒe amenyenye le go sia go me nye lɔlɔ̃ la, mebua nazã ɖe mía ŋu alo dia vɔ̃e na mí o. Amesiwo míenye kple amesiwo míate ŋu azu ŋue wòléa ŋku ɖo le mía ŋu. (Samuel I, 16:7; Yohanes I, 4:8) Le nyateƒe me la, ebua amesiwo le didim be yewoado dzidzɔ nɛ la ame xɔasiwoe, ẽ, be wonye ame nyuiwo, metsɔ le blibomademade si le wo ŋu me o.—Daniel 9:23; Xagai 2:7.\nMefia be Mawu ŋea aɖaba ƒua míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuvɔ̃ siwo míawɔ dzi ya o. Edina tsoa mía si be míadze agbagba vevie be míawɔ nusi le dzɔdzɔe, eye edoa alɔ mí ne míewɔ nenema. (Luka 13:24) Ke hã Biblia gblɔ be: \"Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.\" Egblɔ hã be: \"Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.\"—Psalmo 103:13; 130:3, 4.\nEyata srɔ̃ alesi nàbu ɖokuiwò abe alesi Mawu bua míi ene. Enyanya be ebua amesiwo lɔ̃e la amesiwo ƒe nu nyoa eŋu eye be ekana ɖe wo dzi—togbɔ be woabu wo ɖokui be yewomedze o hã—ate ŋu atu ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖo geɖe.—Yohanes I, 3:19, 20.\nMɔkpɔkpɔ—Ele Vevie Hena Dzidzɔkpɔkpɔ\nNukpɔsusu aɖe si woto vɛ nyitsɔ laa si woyɔna be kakaɖedzinɔamesisusu ƒe amesinɔnɔ gblɔ be kakaɖedzinɔamesi, si sua ame si to nu nyuiwo kple ame ƒe ŋutetewo ŋu bubu me ate ŋu akplɔ ame yi dzidzɔkpɔkpɔ mee. Ame ʋɛ aɖewo koe agbe be kakaɖedzinɔamesi tsɔtsɔ bu nuwo ŋui le agbe me kple etsɔme ŋui madzi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi o. Gake ele be woatu kakaɖedzinɔamesi sia ɖe nu ŋutɔŋutɔ dzi, menye ɖe didi dzro aɖe ko dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kakaɖedzinɔamesi aɖeke mate ŋu aɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔléle, ɖiƒoƒonu, tsitsi, dɔléle, alo ku—siwo nye nusiwo naa ame geɖe mekpɔa dzidzɔ o—ɖa o. Ke hã kakaɖedzinɔamesi ƒe wɔƒe li.\nEnyo be míade dzesii be Biblia mezã nya si gɔme míeɖe be kakaɖedzinɔamesi o; nya bubu si nu sẽ wue wòzã—eyae nye mɔkpɔkpɔ. Vine's Complete Expository Dictionary ɖe alesi wozã \"mɔkpɔkpɔ\" le Biblia me la gɔme be efia be \"woakpɔ mɔ na nu nyui siwo ŋu kakaɖedzi le, . . . dzidzɔ tsɔtsɔ lala nu nyuiwo ƒe vava.\" Le alesi wozã mɔkpɔkpɔe le Biblia me nu la, ede ŋgɔ wu kakaɖedzi ƒe amesinɔnɔ le nuwo ŋu ko. Eku ɖe nusi ŋu ame ku eƒe mɔkpɔkpɔ ɖo hã ŋu. (Efesotɔwo 4:4; Petro I, 1:3) Le kpɔɖeŋu me, enye Kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔ be woaɖe nu manyomanyo siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le memama si do ŋgɔ me la ɖa kpuie. (Psalmo 37:9-11, 29) Gake bubu geɖe gali kpee.\nKristotɔwo kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me amegbetɔ wɔnuteƒewo anɔ agbe deblibo le paradisonyigba dzi. (Luka 23:42, 43) Esi Nyaɖeɖefia 21:3, 4 nɔ mɔkpɔkpɔ ma me ɖem la, egblɔ be: \"Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ. . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.\"\nAmesiame si le mɔ kpɔm be etsɔme ma nasu ye si akpɔ dzidzɔ godoo, ne nɔnɔme si me wòle fifia gɔ̃ hã mele edzi dem o. (Yakobo 1:12) Ekema nukata màku Biblia me akpɔ nusitae nàte ŋu axɔe ase o. Do ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le asiwò to ɣeyiɣi didi ɖe Biblia xexlẽ ŋu gbesiagbe me. Ema wɔwɔ ado ŋusẽ wò le gbɔgbɔ me, akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na nusiwo naa dzi medzɔa amewo o, eye wòatu wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le asiwò fifia ŋu ɖo. Ẽ, nusi ƒo ɖesiaɖe ta si gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsonae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Nyagblɔla 12:13) Agbenɔnɔ si wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ye nye agbenɔnɔ si me dzidzɔ le, elabena Yesu gblɔ be: \"[Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm.\"—Luka 11:28.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 2 Mawu dzixɔse mele vevie na Buddhatɔ o.\n[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]\nKɔlili kesinɔnuwo, ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga, alo kaka ɖe amegbetɔ ƒe nunya si mede afi aɖeke o dzi mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o\n[Nɔnɔmetata si le axa 6]\nAgbenɔnɔ si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi wɔwɔ dzie nye esi me dzidzɔ nɔna\n[Nɔnɔmetata si le axa 7]\nKristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔa naa wokpɔa dzidzɔ","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010301\/Alesi-N%C3%A0w%C9%94-Akp%C9%94-Dzidz%C9%94-Vav%C3%A3t%C9%94\/","date":"2020-01-26T12:47:09Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251688806.91\/warc\/CC-MAIN-20200126104828-20200126134828-00141.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986616969,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986616969108582}","num_words":2171,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.244,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale Si Míana Míaƒe Amenyenye Nanyo Ɖe Edzi\nAme geɖe susu be nunɔamesiwo kple kesinɔnu siwo le ame sie nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzedze. Gake ɖe ga kple nunɔamesiwo nana ame kpɔa dzidzɔa? Nu kae kpeɖodziawo fia\nNunana amewo ɖea vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwo. Edoa ɖekawɔwɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe ŋgɔ. Aleke nàwɔ anye ame si naa nu kple dzidzɔ?\nEɖea vi geɖe ne míeɖea nɔnɔme sia fiana. Aleke wòate ŋu akpe ɖe ŋuwòe, eye aleke nàte ŋu aɖee fiae?\nMele bɔbɔe be nàɖu ɖokuiwò dzi ne womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, ke hã Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woafa tu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtu mawumenɔnɔme sia ɖo?\nAme si dzi kuna eye metsɔna kena o la, mekpɔa dzidzɔ o eye menɔa lãmesẽ me hã o.\nAmewo gblɔ nu si me woawo ŋutɔwo to si ɖe anukwareɖiɖi ƒe vevienyenye fia.\nAle Si Míanɔ Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo\nNe míelɔ̃ amewo eye woawo hã lɔ̃ mí la, enana míekpɔa dzidzɔ.\nBiblia ƒoa nu tso lɔlɔ̃ nu zi geɖe, gake ƒãa hafi wòkuna ɖe srɔ̃tɔwo dome lɔlɔ̃ ŋu.\nAme geɖe bunɛ be ele vevie be xɔlɔ̃ nyui nanɔ ame si. Aleke nàte ŋu anye xɔlɔ̃ nyui na amewo? Nyati sia ƒo nu tso Biblia me mɔfiame ene siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze xɔlɔ̃ nyuiwo ŋu.\nNe ŋutifafa meli o la, ɖe nunya si le Biblia me ate ŋu ana wòava nɔ anyia? Se nu si ame siwo wɔ ɖe wo dzi gblɔ ɖa.\nÐe tsɔtsɔke fia be míasusu be nu si amea wɔ la medze vɔ̃ o alo míaŋe aɖaba aƒu nu si wòwɔ la dzia?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/mawu-dzi-x%C9%94x%C9%94%C2%AD-se\/n%C9%94n%C9%94me-nyuiwo\/","date":"2020-01-27T15:49:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251700988.64\/warc\/CC-MAIN-20200127143516-20200127173516-00068.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985377789,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985377788543701}","num_words":276,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.217,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"AZƆ Kanaan-du geɖe le klalo be yewoawɔ aʋa kple Israel. Wobu be yewoate ŋu aɖu dzi. Gake amesiwo le Gibeon-du, si te ɖe wo ŋu me la mebui nenema o. Woxɔ se be Mawu le kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu, eye womedi be yewoawɔ aʋa kple Mawu o. Ènya nusi Gibeontɔwo wɔa?\nWoɖo be yewoawɔ yewo ɖokui abe didiƒe aɖe yewotso ene. Wo dometɔ aɖewo do awu vuvuwo kple afɔkpa vuvuwo. Wotsɔ kotoku vuvuwo do agbae na woƒe tedziwo, eye wotsɔ abolo ƒuƒu dzefufu aɖewo ɖe asi. Eye woyi ɖagblɔ na Yosua bena: 'Míetso didi aɖe ƒe, elabena míese miaƒe Mawu gã, Yehowa ŋkɔ. Míese nusiwo katã wòwɔ na mi le Egipte la. Eyata míaƒe amegãwo gblɔ be míadi nuɖuɖu aɖe hena mɔzɔzɔ, eye míava gblɔ na mi be: \"Dɔlawo míenye na mi. Mido ŋugbe be yewomawɔ aʋa kpli mí o.\" Mikpɔ ɖa, mɔ legbe la wɔe be míaƒe awuwo vuvu, eye míaƒe abolo hã do xoxo heƒu.'\nYosua kple kplɔla bubuwo xɔ Gibeontɔwo dzi se. Eyata wodo ŋugbe be yewomawɔ aʋa kpli wo o. Gake ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova nya be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe medidi o.\nYosua bia wo be: 'Nukatae miegblɔ na mí be yewotso didiƒe?'\nGibeontɔwo ɖo ŋu be: 'Elabena wogblɔ na mí be miaƒe Mawu Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ Kanaan-nyigba sia katã na mi. Eyata míevɔ̃ be miele mía wu ge.' Gake Israel-viwo wɔ woƒe ŋugbedodo la dzi, eye womewu Gibeontɔwo o. Ke boŋ la, wowɔ wo woƒe dɔlawoe.\nYerusalem-fia la do dziku, elabena Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israel. Eyata egblɔ na fia ene bubuwo be: 'Miva kpe ɖe ŋunye míawɔ aʋa kple Gibeon.' Eye fia atɔ̃ siawo wɔ nenema. Nunyanue Gibeontɔwo wɔ be wowɔ ŋutifafa kple Israel, esi wɔe be fia siawo va wɔ aʋa kpli woa? Míele ekpɔ ge ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C5%8Butinyawo\/3\/gibeont%C9%94wo\/","date":"2020-01-21T03:11:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601241.42\/warc\/CC-MAIN-20200121014531-20200121043531-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990394115,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990394115447998}","num_words":297,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.189,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI WÒFIA\nNya amehehe ate ŋu afia be woafia mɔ ame alo afia nui. Ɣeaɖewoɣia abia be woaɖɔ ɖevi ɖo ne ewɔ nu gbegblẽ. Gake zi geɖe la, eva hiãna be woafia nɔnɔme nyui aɖewo siwo akpe ɖe ɖevi ŋu wòawɔ tiatia nyuiwo.\nNU SI TA WÒLE VEVIE\nLe míaƒe ŋkeke siawo me la, dzilawo megatsɔa ɖeke le wo viwo hehe me boo o, elabe wosusu be esia wɔwɔ ana ɖeviawo nabu be yewomele ɖeke me o. Ke hã, dzila siwo dze aɖaŋu la, dea sewo eye wofiaa wo viwo be woawɔ ɖe wo dzi.\n\"Ele be woana sewo ɖeviwo be wòakpe ɖe wo ŋu woatsi ava zu ame ɖɔʋuwo. Ne womehe ɖeviwo o la woava wɔ nyametsotso siwo agblẽ nu le wo ŋu.\"—Pamela.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nWɔ wò nya dzi. Ne viwòa mewɔ ɖe se aɖe si nède dzi o la, ke na wòakpɔ emetsonua. Gake kafui ne ewɔ ɖe sea dzi pɛpɛpɛ.\n\"Mekafua vinyewo edziedzi le ale si woɖoa to togbɔ be ame geɖe megaɖoa to wo dzilawo o hã. Esi mekafua wo ta la, ne ehiã be maɖɔ wo ɖo la, wolɔ̃na wɔna ɖe edzi.\"—Christine.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.\"—Galatiatɔwo 6:7.\nSe nu gɔme na wo. Hafi nàɖɔ viwòa ɖo la, bu ƒe si wòxɔ eƒe ŋutetewo kple nu si wòwɔa ŋu. Ne wohe to na ɖevi ɖe agɔ si wòdze ta la, eɖea vi wu—le kpɔɖeŋu me ne meɖɔ ŋu ɖo le fon zazã me o la, woate ŋu axɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le esi hena ɣeyiɣi aɖe. Azɔ hã mègatsɔ nya suewo wɔ nya gãwoe o.\n\"Medzea agbagba be manya ne ɖe vinyea ɖoe koŋ gbe toɖoɖo loo alo vodada koe wòwɔ. Vovototo le nɔnɔme gbegblẽ aɖe si wòle be woaxɔ le ame si kple vodada aɖe si dzi wòahiã be woahe ɖevi ƒe susu ayi la dome.\"—Wendell.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.\"—Kolosetɔwo 3:21.\nLɔ̃ viwòa. Ne ɖeviwo nya be yewo dzilawo lɔ̃ yewo la, enɔa bɔbɔe na wo be woalɔ̃ axɔ wo dzilawo ƒe amehehe.\n\"Ne mía vi da vo la, míegblɔna nɛ be nu nyui siwo katã wòwɔ va yi la dze mía ŋu ŋutɔ. Míeɖea eme nɛ be vodada si wòwɔa mena wòzu ame gbegblẽ o; ne enya yi edzi wɔ asitɔtrɔ ko la, míawo hã míeli be míakpe ɖe eŋu.\"—Daniel.\nBIBLIA ƑE MƆFIAME: \"Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.\"—1 Korintotɔwo 13:4.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2018-jul-aug\/%C6%92omewo-kp%C9%94a-dzidzedze-amehehe\/","date":"2020-01-20T21:13:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250599789.45\/warc\/CC-MAIN-20200120195035-20200120224035-00542.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976021051,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997602105140686}","num_words":409,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! 2002-12-08 Yameʋuɖoɖo—Ðe Wògale Dediea? Yameʋuɖoɖo Si Me Dedienɔnɔ Le Didi Ðetsɔtsɔ Le Dedienɔnɔnyawo Me Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia—Le Kpekpeɖeŋunanadɔ Nyadri Aɖe Me Ðeviwo Ƒe Kamedefefewo—Ŋutasẽnuwɔwɔ Si Le Aƒe Xɔm Ðe Wo Me Fifia Àte Ŋu Akpɔ Aɖaŋuwɔwɔ le Dzɔdzɔmenuwo Me Nusi Wòle Be Nànya Tso Kristmas Ŋu Meli Sesẽwo Le Klalo Be Woana Kpekpeɖeŋu Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea? Nyɔ! ƒe Babla 83 Lia Me Nyawo Diƒe","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20021208\/","date":"2020-01-20T10:42:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250598217.23\/warc\/CC-MAIN-20200120081337-20200120105337-00070.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9951390028,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9951390027999878}","num_words":70,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.286,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nMexico\nCongregación Cristiana de los Testigos de Jehová, A.R.\nApartado Postal 895\n06002 MEXICO, DF\n+52 555-133-3000\n+52 555-858-0100\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/mexico\/","date":"2020-05-27T16:37:47Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347394756.31\/warc\/CC-MAIN-20200527141855-20200527171855-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987464547,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987464547157288}","num_words":82,"character_repetition_ratio":0.023,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.306,"stopwords_ratio":0.195,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Bibliamemewo Ŋuti Gbalẽvi Yonatan Wɔ Bibliamemewo ŋuti gbalẽvi sia ƒe kɔpi be nàsrɔ̃ nu tso Yonatan ŋu. Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo. Dɔdeasi Sia Ƒomevi Bubuwo Kpɔ Wo Katã Fia Saul Esi Saul dze fiaɖuɖu gɔme la, ebɔbɔ eɖokui. Hana Mawu ɖo gbe si wòdo ɖa bia nane koŋ la ŋu nɛ. Manoa Enye ŋutsu sesẽtɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka fofo. Kpɔ Wo Katã Ɖoe Ɖe Amewo BIBLIAMEMEWO ŊUTI GBALẼVIWO Yonatan Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi Eʋegbe Yonatan Ƒe Biblia Ŋuti Gbalẽvi https:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/m\/502012440\/univ\/art\/502012440_univ_sqr_xl.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/%C9%96eviwo\/bibliamemewo\/yonatan\/","date":"2020-05-30T06:48:54Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347407289.35\/warc\/CC-MAIN-20200530040743-20200530070743-00519.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973825216,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9973825216293335}","num_words":87,"character_repetition_ratio":0.09,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.149,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 15, 2005 Nukunuwo—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe? Nukunu Siwo Teƒe Wò Ŋutɔ Nèkpɔ! Berleburg Biblia La Gbeƒãɖeɖe le Saba ƒe Togbɛwo Dzi Kristotɔwo—Amesiwo Mienye Nenye Dada Na Mi! Míaƒe Kristotɔnyenye Ta Kpɔkpɔ 'Ne Ame aɖe Zi Dziwò be Nàwɔ Dɔ Aɖe' Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ Ðe Nètsɔa Ðokuiwò Sɔna Kple Ame Bubuwoa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050215\/","date":"2020-07-11T11:14:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655929376.49\/warc\/CC-MAIN-20200711095334-20200711125334-00398.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9980955124,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9980955123901367}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.145,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Enyea dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ame siwo tsɔ ɖe le Biblia alo míaƒe xexea me katã ƒe dɔa me la ŋu. Zã mɔnu siwo le ete la dometɔ ɖeka nàtsɔ ake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me.\nZã nyatakaka siwo le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo aƒo ka na mí\nJamaica\nJehovah's Witnesses\n900 Red Mills Road\nWALLKILL NY 12589-3223\nUNITED STATES\n+1 845-744-6000\nDɔwɔɣiwo\nDzoɖa va se ɖe Fiɖa\nŊdi ga 8 va se ɖe ɣetrɔ ga 5","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/kadodo\/jamaica\/","date":"2020-07-12T11:13:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593657134758.80\/warc\/CC-MAIN-20200712082512-20200712112512-00414.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995228052,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995228052139282}","num_words":79,"character_repetition_ratio":0.025,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.284,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI NÀWƆ: Mègaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe ko ayi nya bubu dzi o. Na ƒomedodo si le ŋɔŋlɔ si nèxlẽ kple nya vevi si me ɖem nèle dome la me nakɔ na wò nyaselawo nyuie.\nALE SI NÀWƆE:\nHe susu yi nya veviawo dzi. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, he susu yi eme nya siwo ku ɖe nya vevi si me dzrom nèle ŋu la dzi. Àte ŋu awɔ esia ne ègbugbɔ xlẽ nya vevi mawo alo nèbia nya aɖe si ana nyaselawo nade dzesi nya veviawo.\nTe gbe ɖe nya vevia dzi. Ne èna wò nyaselawo nya susu si tae nèle ŋɔŋlɔ aɖe xlẽ ge hafi xlẽe la, na ale si ŋɔŋlɔa me nya veviawo ɖo kpe edzii la me nakɔ.\nNa wò numeɖeɖea gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Ƒo asa na nuƒoƒo tso nya bubu siwo meku ɖe nya vevia ŋu o la ŋu. Bu nu siwo wò nyaselawo nya tso nyatia ŋu xoxo la ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nànya nya siwo wòahiã be nàgblɔ atsɔ aɖe nyaa me be eme nakɔ na wo nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/nuxexl%E1%BA%BD-kple-nufiafia\/6-n%C3%A8xl%E1%BA%BD-%C5%8B%C9%94%C5%8Bl%C9%94a-%C9%96o-me-nak%C9%94\/","date":"2020-08-14T00:50:05Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439739104.67\/warc\/CC-MAIN-20200813220643-20200814010643-00125.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9972456098,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9972456097602844}","num_words":177,"character_repetition_ratio":0.095,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NU SI AME GEÐE XƆ SE\nNumekugbalẽ aɖe gblɔ be Kristotɔwo ƒe ha \"vevi etɔ̃awo, siwo nye Roma Katoliko, Ɣedzeƒe Orthodɔks kple Protestant-ha siaa xɔe se be Mawu nye Ame etɔ̃ ƒokpli: Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Le Kristotɔwo ƒe nufiafia nu la, dzixɔse sia mefia be wonye mawu vovovo etɔ̃ o, ke boŋ efia be ame etɔ̃awo katã le ɖeka.\"\nNYATEƑEA SI LE BIBLIA ME\nYesu, si nye Mawu ƒe Vi la, megblɔ kpɔ be yele tasɔsɔ me kple ye Fofo alo be ye kee ganye Fofo la o. Ke boŋ egblɔ be: \"Meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.\" (Yohanes 14:28) Azɔ hã, egblɔ na eyomedzelawo dometɔ ɖeka be: \"Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.\"\nMenye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o. \"Gbɔgbɔ kɔkɔe\" la 'yɔ Kristotɔ gbãtɔwo taŋ,' azɔ hã Yehowa gblɔ be: \"Matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe ƒomevi dzi.\" (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 17) Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔea menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe wònye.\nNU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?\nKatolikotɔwo ƒe agbalẽnyala siwo nye Karl Rahner kple Herbert Vorgrimler gblɔ be: \"Womate ŋu ase [Mawuɖekaetɔ̃ la] gɔme ne womexɔ ɖeɖefia o, eye le ɖeɖefia vɔ megbe gɔ̃ hã la, womate ŋu ase egɔme bliboe o.\" Ðe nàte ŋu alɔ̃ ame aɖe si màte ŋu anya alo ase ale si wòle gɔme o la vavã? Esia fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa menana amewo dzea si Mawu nyuie helɔ̃nɛ o.\nMarco, si ŋu nya míegblɔ va yi la kpɔe be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia lae na yemenya Mawu nyuie o. Egblɔ be: \"Mesusui be Mawu nɔ ame si wònye la ɣlam ɖem, eye ɖeko esia na megasusui be Mawu le adzɔge ʋĩi eye be enye amlima Mawu si ŋu womate ŋu ate ɖo o.\" Ke hã Biblia gblɔ be: \"Mawu menye tɔtɔ ƒe Mawu o.\" (1 Korintotɔwo 14:33, American Standard Version) Meɣla ame si wònye la ɖe mí o. Edi be míanya ye. Yesu gblɔ be: \"Míedea ta agu na nu si míenya.\"\nMarco gblɔ be: \"Esi meva se egɔme be menye Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o la, esia wɔe be mete ŋu va te ɖe eŋu kplikplikpli mlɔeba.\" Ne míebu Yehowa be enye Ame ŋutɔŋutɔ ke menye amlima Mawu o la, ke anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃e. Biblia gblɔ be: \"Ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20131101\/alakpanya-mawu-nye-amlima-mawu-mawu%C9%96ekaet%C9%94%CC%83\/","date":"2020-08-10T23:13:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738699.68\/warc\/CC-MAIN-20200810205824-20200810235824-00212.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995450139,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9954501390457153}","num_words":410,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.254,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ale si Biblia ɖo eŋui\nAmewo zã Yesu ƒe nufiafiawo tsɔ ɖo tsɔtsi geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Gake Biblia ɖee fia be Kristo-ha vavã ɖeka koe li. Na míakpɔ susu etɔ̃ siwo tae míeƒo nya ta alea la ɖa.\nYesu gblɔ be yefiaa \"nyateƒe la,\" eye Kristotɔ gbãtɔwo yɔa woƒe subɔsubɔha be \"nyateƒe la.\" (Yohanes 8:32; 2 Petro 2:2; 2 Yohanes 4; 3 Yohanes 3) Nyagbɔgblɔ sia ɖee fia be ame siwo ƒe nufiafia mewɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafiawo o la menye Kristotɔ vavãwo o.\nBiblia gblɔ be ele be Kristotɔwo katã ƒe \"nu nasɔ.\" (1 Korintotɔwo 1:10) Ke hã tsɔtsi geɖeawo ƒe nu mesɔna le woƒe nufiafiawo me o. Woƒe nu mesɔna le nufiafia bɔbɔetɔwo kekeake abe nu si Kristotɔnyenye fia ene gɔ̃ hã me o. Kristo-ha siawo katã mate ŋu anye vavãtɔwo o.—1 Petro 2:21.\nYesu gblɔe ɖi be ame geɖewo agblɔ be yewonye Kristotɔwo evɔ womawɔ ɖe yeƒe sededewo dzi o. Egblɔe be yeagbe ame siawo tɔgbi. (Mateo 7:21-23; Luka 6:46) Subɔsubɔhakplɔla siwo tɔ tsi nufiafia vavãtɔ la le woawo ŋutɔwo ƒe viɖewo ta la aflu ame aɖewo. (Mateo 7:15) Gake ame bubuwo ya ŋutɔwoe tiae be yewoanɔ alakpa Kristo-hawo me, ale be woagblɔ nu siwo yewodi be yewoase la na yewo, ke menye nyateƒe si le Biblia me la o.—2 Timoteo 4:3, 4.\nYesu gblɔe ɖi le eƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiwo ŋu me be ame geɖewo ade megbe tso Kristotɔnyenye gbɔ (alo agbe xɔse). (Mateo 13:24-30, 36-43) Womakpɔ vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple alakpatɔawo dome o ɣeyiɣi didi aɖe. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi pɛpɛpɛ ene la, xɔsegbegbe va xɔ anyi nɔ le apostoloawo ƒe ku megbe. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Togbɔ be xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ hã la, alakpa Kristotɔ vovovo siawo katã \"tra mɔ tso nyateƒe la gbɔ.\"—2 Timoteo 2:18.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/biblia-%C6%92e-nufiafiawo\/biabiawo\/ts%C9%94tsiwo-s%C9%94-gb%C9%94\/","date":"2020-11-27T02:43:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-50\/segments\/1606141189038.24\/warc\/CC-MAIN-20201127015426-20201127045426-00412.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963395,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963394999504089}","num_words":292,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 380\nStanza 1\n'Le si Yesu lɔ̃ mí,\nEwu gbɔgblɔ gɔ̃.\nMíaƒe vɔ̃menɔnɔ\nVee tso me vevie;\nElabena míenye\nLɔlɔ̃viwo xo.\nEya ta míegale\nFiƒodea te o.\nStanza 2\nTsɔ mía ŋutilã la\nWɔ wò gbedoxɔe,\nNe míaƒ'a-gbenɔnɔ\nNaɖi tɔwò ɖaa!\nKɔ míaƒe susuwo\nKple dzi hã ŋuti!\nWɔ na míaƒe hame\nWu 'le si wòbia!\nStanza 3\nNa be wò dukɔ la\nNadi wò bubu!\nWò ʋu xɔasi la ko\nNanye eƒ'a-tsyɔ̃!\nAle woadze si wò,\nWoƒe fia gã la,\nAme si akplɔ wo\nƑo ƒui gbe ɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-380\/","date":"2021-09-27T06:43:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780058373.45\/warc\/CC-MAIN-20210927060117-20210927090117-00376.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9953156114,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9953156113624573}","num_words":88,"character_repetition_ratio":0.0,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.17,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 318\nStanza 1\nÐela Yesu, nye luʋɔ la,\nMelɔ̃ wò de blibo o.\nKpe ɖe ŋunye, wò nye xɔla,\nNe matsɔ wò kɔkuti.\nGbe sia gbe metsia megbe ko,\nGbe sia gbe megbɔdzɔ ʋuu.\nNye dzi gbɔdzɔ la melɔ̃ wò,\nAle si dze ene o.\nStanza 2\nÈnya 'fi si megbɔdzɔ le,\nEye nègbɔ dzi ɖi nam;\nNa 'gbe yeye naɖo menye\nTo wò lɔlɔ̃ gã la me!\nNa mago ɖe ŋutiwò ɖaa,\nNye dzi ƒe fiakuku la!\nWò koe nye nye dzi ƒe didi,\nWò Mawuvi, nye ɖela!\nStanza 3\nO xɔ nye luʋɔ kple lɔlɔ̃,\nBe malɔ̃ wò bliboe ɖaa!\nAgbe yeye nanyɔ le 'me,\nWò Yesu agbefia la!\nWòe nye nye didi vevitɔ,\nMele yɔwòm kple veve;\nNatutu nye aɖatsiwo,\nVa tsi nye vevewo nu!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-318\/","date":"2021-09-23T18:22:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057427.71\/warc\/CC-MAIN-20210923165408-20210923195408-00377.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985947609,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985947608947754}","num_words":127,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na\nKorintotɔwo\n1\n1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,\n2 Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.\n3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi.\nAkpedada\n4 Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. 5 Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, 6 eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. 7 Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. 8 Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. 9 Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye.\nMama le hamea me\n10 Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. 11 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. 12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, \"Nye la, Paulo tɔ menye\"; bubu be, \"Apoloe nye nye amegã\"; ame aɖewo hã be, \"Kefa ƒe ame menye\"; Gawu la, ame aɖewo hã be, \"Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.\"\n13 Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? 14 Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. 15 Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o.\n16 (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) 17 Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.\nKristo, Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ\n18 Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm 19 elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be,\n\"Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me;\neye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.\"\n20 Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? 21 Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la. 22 Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, 23 ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, 24 ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. 25 Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.\n26 Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. 27 Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. 28 Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, 29 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.\n30 Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi. 31 Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, \"Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.\"","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1CO01.htm","date":"2022-05-19T10:57:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00763.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983776212,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983776211738586}","num_words":811,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.268,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na\nFilipitɔwo\n1\n1 Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi.\n2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.\nAkpedada kple gbedodoɖa\n3 Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. 4 Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me, 5 le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta. 6 Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi.\n7 Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. 8 Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene.\n9 Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me. 10 Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava. 11 Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Mawu.\nPaulo ƒe gaxɔmenɔnɔ do nyanyui la ɖe ŋgɔ\n12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. 13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. 14 Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o.\n15 Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. 16 Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. 17 Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu. 18 Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la, eye esia ta mekpɔa dzidzɔ ɖo.\nNu si ta maganɔ agbe vie ɖo\n19 Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. 20 Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu. 21 Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu. 22 Ke nenye be agbenɔnɔ le ŋutilã me ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. 23 Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia! 24 Gake nyateƒe lae nye be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe mi ne mele ŋutilã me. 25 Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ. 26 Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ.\n27 Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mianɔ agbe ɖe Kristo ƒe nyanyui la ŋu, ale be ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka le gbɔgbɔ me kple susu ɖeka sia be miaʋli nyanyui ƒe xɔse la ta 28 dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi. 29 Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. 30 Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/PHP01.htm","date":"2022-05-17T03:42:55Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662515501.4\/warc\/CC-MAIN-20220517031843-20220517061843-00374.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986613393,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986613392829895}","num_words":912,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.271,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na\nTimoteo\n1\n1 Nye, Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ɖela ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la gbɔe agbalẽ sia tso,\n2 Na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me:\nAmenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ gbɔ la nanɔ anyi kpli wò.\nNuxɔxlɔ̃ amewo tso aʋatsonufiafiawo ŋu\n3 Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o, 4 tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe. 5 Nu si metsi dzi na vevie lae nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo kple dzitsinya nyui me, eye woasẽ ŋu le xɔse me.\n6 Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem, eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. 7 Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o. 8 Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene. 9 Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple wo dadawo na hlɔ̃dolawo 10 na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ 11 si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la ŋuti.\nPaulo ƒe akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta\n12 Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye hã abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla nɛ, 13 togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o. 14 O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.\n15 Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. 16 Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. 17 Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.\n18 Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene. 19 Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o. 20 Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/1TI01.htm","date":"2022-05-19T12:45:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00196.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987060428,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998706042766571}","num_words":662,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yakobo\nƒe agbalẽ\n1\n1 Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso,\nNa Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo:\nMele gbe dom na mi katã.\nTetekpɔ kple dodokpɔ\n2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu, ale be miatsi, azu blibo, eye naneke mahiã mi o.\n5 Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee. 6 Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o, 8 elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o. 9 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. 10 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene. 11 Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.\n12 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.\n13 Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, \"Mawu le teyem kpɔ o,\" elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o. 14 Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae. 15 Emegbe la, didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃, eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la, edzia ku.\nNu Nyuiwo katã tsoa Mawu gbɔ\n16 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o. 17 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o. 18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.\nNya la sese kple edziwɔwɔ\n19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me, 20 elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. 21 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.\n22 Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi, 23 elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24 Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o. 25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.\nXɔse kple dɔwɔwɔ\n26 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro. 27 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/JAS01.htm","date":"2022-05-19T12:25:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00250.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968610406,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9968610405921936}","num_words":621,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Samuel Johnson\nWodzi Samuel Johnson Creoletɔ si gbugbɔ xɔ ŋkɔ le Freetown, Sierra Leone, wònye Henry Erugunjinmi Johnson kple Sarah Johnson ƒe vi adre dometɔ etɔ̃lia le June 24, 1846. Wodzi fofoa, si tsɔ Yoruba ŋkɔ Erugunjinmi na eɖokui la, le ƒe 1810 me le dua me ƒe Oyo-Ile, si nye Oyo Fiaɖuƒea ƒe fiadu. Henry nye Omoba (fiavi) si tso Oyo-ƒomea me, eye wònye ƒe alafa 18 lia me alaafin (fia) Abiodun ƒe tɔgbuiyɔvi.Emegbe wolée le Atlantik-ƒua ƒe Kluviwo ƒe Asitsatsa me gake dzɔgbenyuietɔe la wogbugbɔ mɔ nɛ yi Sierra Leone, abe Yorubatɔ geɖe ene, abe Samuel Ajayi Crowther (eƒe tɔɖiayɔvi si le didiƒe ʋĩ) kple ame bubuwo ene. Emegbe edo go Samuel Johnson, amesi ƒe ŋkɔ wòtsɔ na viaŋutsu. Nɔviŋutsu tsitsi 2 nɔ Johnson si, Henry kple Nathaniel, kpakple nɔviŋutsu sue aɖe si ŋkɔe nye Obadiah. Henry kple Nathaniel siaa va zu mawunyadɔgbedelawo kple saɖaganunɔlawo abe Samuel ene, gake Obadiah ya va zu Yorubatɔwo ƒe atikewɔla gbãtɔ si nye afimatɔwo. Ewu eƒe sukudede nu le Sɔlemeha ƒe Dutanyanyuigblɔlawo ƒe Habɔbɔ (CMS) ƒe Hehenaƒe eye emegbe wòfia nu le nusi wova yɔ be Yorubatɔwo ƒe dukɔmeviʋa la me.\nJohnson kple Charles Phillips, siwo hã le CMS me, wɔ ɖoɖo be woadzudzɔ aʋawɔwɔ le ƒe 1886 me eye emegbe wowɔ nubabla si na kakaɖedzi Ekiti-duwo ƒe ɖokuisinɔnɔ. Gake Ilorin gbe be yemadzudzɔ aʋawɔwɔ o, eye aʋaa yi edzi.Le ƒe 1880 me la, eva zu saɖaganunɔla eye le ƒe 1888 me la, ezu nunɔla. Enɔ Oyo tso ƒe 1881 me eye wòwu Yorubatɔwo ƒe ŋutinya ŋuti dɔ aɖe nu le ƒe 1897. Wogblɔ be nudzɔdzɔ sia tso esi wònɔ vɔvɔ̃m be yeƒe amewo le woƒe ŋutinya bumee, eye be wova le Europa ŋutinya nyanya gɔme nyuie wu gbɔ. Nukutɔe la, eƒe Britain gbeƒãɖelawo tsɔ dɔ sia da ɖe teƒe si mesɔ o.\nLe eƒe ku megbe la, nɔviaŋutsu Ðɔkta Obadiah Johnson gaƒo agbalẽa nu ƒu hegbugbɔ ŋlɔe, eye wòzã bubumegã la ƒe nuŋlɔɖi gbogboawo abe mɔfianu ene. Le ƒe 1921 me la, eɖee ɖe go be A History of the Yorubas from the Earliest Times vaseɖe Britaintɔwo ƒe Takpɔha ƒe Gɔmedzedze. Tso ɣemaɣi la, wotsɔ agbalẽa sɔ kple The Decline and Fall of the Roman Empire si Edward Gibbon ŋlɔ.\nAgbalẽwo ƒe xexlẽdzesiwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]\nFalola, Toyin (1993), Mɔɖela, dulɔlɔ̃ kple blemafofo: Samuel Johnson kple Yorubatɔwo, Madison, WI: Afrika Nusɔsrɔ̃ ƒe Ðoɖowɔɖi, Univ. ƒe Wisconsin-Madison, ISBN 9780942615197. Johnson, Samuel (ƒe 1921), Yorubatɔwo ƒe Ŋutinya, Lagos: CMS Agbalẽdzraƒewo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/ee.wikipedia.org\/wiki\/Samuel_Johnson","date":"2023-06-02T19:26:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648850.88\/warc\/CC-MAIN-20230602172755-20230602202755-00132.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.99899441,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989944100379944}","num_words":398,"character_repetition_ratio":0.053,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.289,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Psalmowo 141:1-10\nDavid ƒe ha. 141 Oo Yehowa, wò yɔm mele.+ Va xɔ nam kaba.+ Ne meyɔ wò la, ɖo to nàse nye gbe.+ 2 Nye gbedodoɖa nenɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ*+ ene le ŋkuwòme,+Ne mewu nye asiwo dzi la, nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.+ 3 Oo Yehowa, ɖo dzɔla nye nuyi ŋu,Na woadzɔ nye nuyiwo ƒe ʋɔtru ŋu.+ 4 Mègana nye dzi natrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi aɖeke ŋu,+Ne makplɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖo le nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me o;Eye mègana maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo gbeɖe o. 5 Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃ vavãe wòɖe fiam;+Ne eka mo nam la, tamemi wòanye nam,+Eye nye ta magbee gbeɖe o.+ Ne vɔ̃ dzɔ ɖe wo dzi hã la, manɔ gbedodoɖa dzi. 6 Woatu asi woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso agakpe dzi aƒu abu me,Ke dukɔ la ya ase nye nyawo, elabena wovivina. 7 Ale si wodzoboa anyigba hekakaa keawoe la,Nenemae wokaka míaƒe ƒuwo ɖe yɔdo nui. 8 Gake ŋuwòe nye ŋkuwo le, Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa.+ Wòe mesi tso. Mègana nye agbe nu natso o.* 9 Kpɔ tanye tso mɔ̃ si wotre nam la ƒe aɖuwo meKple nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe mɔ̃tetrewo me. 10 Ame vɔ̃ɖiwo katã adze woawo ŋutɔwo ƒe ɖɔ me,+Ke nye ya mato eŋu ayi dedie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/agbal%E1%BA%BDwo\/psalmowo\/141\/","date":"2023-06-07T00:01:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224653183.5\/warc\/CC-MAIN-20230606214755-20230607004755-00492.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990562797,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990562796592712}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.028,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu\nTakpekpewo—Míaƒe Nɔviwɔwɔ ƒe Kpeɖodzi Dodzidzɔnamewoe Wonye\nJOSEPH F. RUTHERFORD, amesi xɔ ƒe 50 eye gaxɔmenɔnɔ madzemadzee ƒe ɖeka kloe na eƒe lãme gblẽ la nɔ amedzrowo ƒe agbawo fɔm kple dzidzɔ. Etsɔ ŋusẽ nɔ agbawo fɔm henɔ hati Kristotɔwo kplɔm yi woƒe amedzrodzeƒexɔwo mee. Ame eve siwo nɔ gaxɔme kplii va yi—ehati Biblia Nusrɔ̃viwo—nɔ xɔ siwo me ameawo adze la ƒe xexlẽdzesiwo tsɔm na amehã gbogbo aɖe si nɔ lalam be woana xɔ yewo. Wonɔ dɔ dzi ʋuu zã ga wuieve ƒo to ŋu. Dzi nɔ wo katã dzɔm ŋutɔ. Wɔna kae nɔ edzi yim?\nƑe 1919 mee, eye Biblia Nusrɔ̃viawo (siwo wonya egbea be Yehowa Ðasefowo) nɔ gbɔdzɔe kpɔm tso yometiti sesẽ si me woto va yi la me. Be woagbugbɔ ŋusẽ ado nɔviwo ƒe habɔbɔa la, wole nutome gã takpekpe aɖe wɔm le Cedar Point, Ohio, U.S.A., tso September 1 vaseɖe 8, 1919 dzi. Le nutome gã takpekpea ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, ame 7,000 siwo me wode dzo yeyee la ke to nyuie esime Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ nya siawo tsɔ de dzi ƒo na takpekpea valawo dometɔ ɖesiaɖe be: \"Ènye fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la teƒenɔla si le gbeƒã ɖem . . . míaƒe Aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe kɔkɔea na amewo.\"\nLe Yehowa ƒe amewo dome la, tso blema Israel-viwo ŋɔli kee wowɔa takpekpewo. (Mose II, 23:14-17; Luka 2:41-43) Takpekpe siawo nye dzidzɔ ɣeyiɣiwo eye wòkpena ɖe amesiwo katã yi ŋu be woƒe susu nanɔ Mawu ƒe Nyaa dzi. Nenema ke wotua Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe siwo wowɔna le egbeŋkekeawo me ɖe gbɔgbɔmenuwo dzii. Takpekpe dodzidzɔname siawo nyea kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o na eteƒekpɔla dzianukwaretɔwo be Kristotɔwo ƒe nɔviwɔwɔ sẽŋue na Ðasefoawo wɔ ɖeka.\nAgbagbadzedze be Woayi\nEgbeŋkekea me Kristotɔwo kpɔe dze sii be yewoƒe takpekpewo nyea gbɔgbɔme dzidzeme kple mɔfiafia si tso Mawu ƒe Nyaa me xɔɣi. Wobua kpekpe gã siawo be wonye mɔnu vevi siwo dzi wotona kpena ɖe yewo ŋu be 'yewoanɔ tsitre blibo ahakpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.' (Kolosetɔwo 4:12) Eyata Ðasefoawo tsoa dzi blibo me kpea asi ɖe takpekpe siawo ŋu eye wòdzea agbagba geɖe be woayi.\nLe ame aɖewo gome la, ebia xɔse ɖeɖefia kple kplamatsedonu gãwo dzi ɖuɖu be woate ŋu ade takpekpe siawo. Le kpɔɖeŋu me, bu Ðasefo tsitsi aɖe si le Austria ŋu kpɔ. Togbɔ be suklidɔ le eŋu eye wòle be woado suklidɔtike nɛ gbesiagbe hã la, ekpɔ egbɔ be yede nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le wo dedukɔ me la ƒe ŋkekeawo katã. Le India la, Ðasefowo ƒe ƒome gã aɖe si da ahe kolikoli kpɔe be mɔ aɖeke kura meli si dzi yewoato ayi takpekpe aɖe o. Ƒomea me tɔ ɖeka xɔ na wo. Egblɔ be: \"Esi nyemedi be wɔnaa nato ŋunye o ta la, medzra nye sikatogɛ be míatsɔ aɖo ʋui ayi agbɔ. Nusi metsɔ sa vɔ alea ɖe vi, elabena hadedea kple nuteƒekpɔkpɔawo do ŋusẽ míaƒe xɔse.\"\nLe Papua New Guinea la, ɖetsɔlemetɔ maxɔnyɔnyrɔ aɖewo ɖoe kplikpaa be yewoade nutome gã takpekpe aɖe le fiadua me. Wote ɖe ŋutsu aɖe si le woƒe kɔƒea me si si ʋu le ŋu hebia ho si wòaxɔ ne ekɔ wo yi takpekpeae. Esi ga si wòyɔ manya xe na wo o ta la, wowɔ ɖoɖo be yewoadzra ŋutsua ƒe aƒeme ɖo, agbugbɔ asi atrɔ le eƒe dzodoƒe ŋu. Esia wɔe be wote ŋu de nutome gã takpekpea eye nuƒoawo katã sese ɖe vi na wo.\nNe takpekpewɔƒewo gbɔ didi hã la, ema menye kuxi sesẽ si ado kplamatse na Yehowa Ðasefowobe womate ŋu ayi takpekpewo o. Be ɖekakpui aɖe nate ŋu ayi takpekpe aɖe le Lille, France le ƒe 1978 me la, etsɔ ŋkeke ade do gasɔ kilometa 1,200 tso Poland hafi yi. Le ƒe 1997 ƒe dzomeŋɔli la, Ðasefo eve zɔ mɔ kilometa 1,200 tso Mongolia yi Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe le Irkutsk, Russia.\nNɔviwɔwɔ Vavãtɔ Ðeɖefia\nÐekawɔwɔ kple nɔvilɔlɔ̃ si Ðasefoawo ɖena fiana le woƒe nutome gã takpekpewo me nye kpeɖodzi si dze ƒã na eteƒekpɔla akpaɖekedzimadelawo. Ameŋkumemakpɔmakpɔ si menɔa takpekpea valawo dome o kple vividodoɖeameŋu vavãtɔ si nɔa amesiwo doa go wo nɔewo zi gbãtɔ gɔ̃ hã dome wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi.\nLe dukɔwo dome nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Australia me la, tsaɖilawo kplɔtsala aɖe si nɔ takpekpea valawo ŋu kwasiɖa ɖeka gadi be yeanɔ wo ŋu wòadidi vie. Esi wo dometɔ akpa gãtɔ menya wo nɔewo do ŋgɔ o ta la, ewɔ nuku nɛ be wote ŋu le anyi ɖekae, eye alesi lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nɔ wo dome wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esi ɣeyiɣi de nɛ be wòadzo le wo gbɔ la, ebia be woaɖo to ye. Eyɔ wo be \"nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo\" hete akpedada na wo gake mete ŋu wu enu o, elabena eƒe seselelãme wu tsɔtsɔ nɛ ale gbegbe be avi koe wòtoe na.\nLe 1997 me la, wowɔ gbegbɔgblɔ etɔ̃ ƒe nutome gã takpekpe gbãtɔ le Sri Lanka ƒe lãmesẽfefewɔƒe gã aɖe. Wɔnawo katã yi edzi le ɣeyiɣi ɖeka me le Eŋlisigbe, Sinhalgbe, kple Tamilgbe me. Le nuto ma si me gbevovovodolawo dome masɔmasɔwo le dzidzim ɖe edzi le la, gbegbɔgblɔ etɔ̃ dolawo ƒe ƒuƒoƒo alea maɣla ɖe amewo o. Kpovitɔ aɖe bia nɔviŋutsu ɖeka be: \"Amekawoe le takpekpe sia dzi kpɔm—Sinhaltɔwo, Tamiltɔwo, alo Eŋlisiawoea?\" Nɔviŋutsua ɖo eŋu be: \"Menye ƒuƒoƒoawo dometɔ aɖekee le takpekpea dzi kpɔm o. Mí katãe le ewɔm ɖekae.\" Kpovitɔa mexɔ nya sia dzi se o. Esi gbe etɔ̃a dolawo katã wɔ ɖeka le gbedodoɖa mamlɛa me hegblɔ \"Amen\" ɖekae wòɖi hoo le lãmesẽfefewɔƒea katã la, takpekpea valawo katã si akpe kplokplokplo enumake. Nyaselaawo dometɔ aɖeke menɔ anyi si aɖatsi mege le mo na o. Ẽ, takpekpewo nyea míaƒe nɔviwɔwɔ ƒe kpeɖodzi dodzidzɔnamewo nyateƒe.—Psalmo 133:1. *\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 14 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah's Witnesses—Proclaimers of God's Kingdom, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe axa 66-77, 254-82.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010915\/Takpekpewo-M%C3%ADa%C6%92e-N%C9%94viw%C9%94w%C9%94-%C6%92e-Kpe%C9%96odzi-Dodzidz%C9%94namewoe-Wonye\/","date":"2023-09-28T01:46:23Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510334.9\/warc\/CC-MAIN-20230927235044-20230928025044-00076.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987294674,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987294673919678}","num_words":955,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.232,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðo dze kple amewo.\nAle si woaƒo nui:\nLe dɔwɔnu sia dzi la, àte ŋu aƒo nu kple amewo le mɔ vovovo 4 nu.\nNumeɖeɖe:\n- Dutoƒo: Amesiame ate ŋu akpɔ dzeɖoɖoa.\n- Ame ŋutɔ ƒe nya: Wò kple nuƒola ɖeka koe akpɔ dzeɖoɖoa. Ame bubu aɖeke mate ŋu akpɔe o, edzikpɔlawo gɔ̃ hã mate ŋu akpɔe o.\n- Wolée ɖe mɔ̃ dzi: Woléa dzeɖoɖoa ɖe nyatakakadzraɖoƒea ƒe dɔwɔƒewo, eye àte ŋu akpɔe kokoko ne ètu fesrea vɔ.\n- Womelée ɖe mɔ̃ dzi o: Dzeɖoɖoa dzɔna enumake. Womalée ɖe mɔ̃ dzi le afi aɖeke o. Ne ènya tu fesrea ko la, abu, eye womagate ŋu ake ɖe eŋu akpɔ gbeɖe o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/player22.com\/help\/html\/EE\/talk_index.html","date":"2023-09-23T11:42:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506480.7\/warc\/CC-MAIN-20230923094750-20230923124750-00624.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995293617,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995293617248535}","num_words":106,"character_repetition_ratio":0.101,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Esi mele xɔ si wotsɔ xɔtunu wɔe tutu me ta la, meva doa go akɔntabubu siwo ku ɖe xɔtunuwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu alo akɔntabubu le xɔa ƒe akpa ɖeka alo bubu ƒe lolome ŋu ɣesiaɣi.\nEdged board, ati alo ati bubu siwo woatsɔ awɔ xɔtudɔwo - ga home nenie wobia tso gli alo anyigba?\nDzoxɔxɔnamɔ̃wo hã hiã be woabu akɔnta ɣesiaɣi. Anye mineral wool, polystyrene alo dzoxɔxɔnutsitike bubu. Abe alesi meŋlɔe xoxo ene la, wotsɔ xɔtunu wɔ nye aƒea tutu eye mezãa nusiwo xea mɔ na dzoxɔxɔ tsɔ xea mɔ na menye anyigba kple xɔa tame ɖeɖeko o, ke boŋ gliawo hã.\nTameɖoɖo nye ŋutinya bubu. Nye aƒea tame ƒe nɔnɔme sesẽ, eye esesẽna ŋutɔ be woabu akɔnta le ga siwo wotsɔ blaa xɔmenuwo alo xɔtaxɔe bubuwo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu. Eye egahiã kokoko be woabu gbeɖuɖɔ siwo dona le xɔtaxɔwo me ŋu. Eyata aƒea le tsitre ƒe geɖe enye sia eye wotsɔ xɔtaxɔe wɔe.\nƔeyiɣi si gbɔna la anye gliɖoɖo. Bu siding la ŋutɔ hã ŋu kpɔ, si nye vapor barrier ...\nLe amesi nya suku ƒe nusɔsrɔ̃ si nye algebra gome la, akɔntabubu siawo masesẽ o. Tsɔ pepa kple akɔntabubumɔ̃, ɖo ŋku mɔfiameawo dzi, lé ŋku ɖe eŋu zi eve alo etɔ̃ ... Eye nàgakpɔe ake... Ale be le akɔntabubuawo wɔɣi la, vodada aɖe nagage ɖe eme, si me gazazã siwo mehiã o yɔ fũu o. Le ʋuɖoɖo gome la, ne ele be nàƒle nane kpe ɖe eŋu, alo le go bubu me na nane si sɔ gbɔ wu la, dɔwɔwɔ bɔbɔe hã menyo tututu o, kple bubuawo.\nEyata wodzi susua be woatrɔ akɔntabubu siawo siwo wowɔna edziedzi la ɖe ɖoɖowɔɖi siwo abu akɔnta le nusianu ŋu ahata nɔnɔmetata aɖe ƒe abɔta.\nEye vevietɔ wu la - mègawɔ vodada o! Le nyateƒe me la, vodada si wowɔ le xɔtutu me ƒe asi lolo akpa.\nMele mɔ kpɔm be nye subɔsubɔdɔa akpe ɖe amesiwo tsɔa woawo ŋutɔ ƒe asiwo tua xɔ kple xɔtula bibiwo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/","date":"2023-09-25T23:08:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510100.47\/warc\/CC-MAIN-20230925215547-20230926005547-00130.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992560148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992560148239136}","num_words":321,"character_repetition_ratio":0.058,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.22,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Alesi Wole Dzidzeme Dimee\nALBERT nye srɔ̃ŋutsu kpɔdzidzɔ aɖe si si vi dodzidzɔname eve nɔ. Gake enɔ sesem le eɖokui me be nane mele ye si le agbe me o. Ɣeaɖeɣi si wòva hiã be wòadze agbagba adi dɔ aɖe awɔ la, eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me helé Sosialisttɔnyenye me ɖe asi sesĩe. Eva zu Kɔmiunisttɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ si le woƒe nutoa me la me tɔ veviedonula aɖe gɔ̃ hã.\nGake eteƒe medidi o, dzi va ɖe le Albert ƒo le Kɔmiunisttɔnyenye ŋu. Megakpɔa gome le dunyahehenuwɔna aɖeke me kura o, eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi bliboe hena eƒe ƒomea. Egbɔ kpɔkpɔ be yeƒe ƒomeametɔwo nanɔ dzidzɔ kpɔm ye va zu eƒe tameɖoɖo le agbeme. Ke hã, Albert gakpɔtɔ sena le eɖokui me be nane susɔ na ye kokoko; mete ŋu le dzidzeme vavãtɔ kpɔm o.\nMenye Albert ɖeka koe sena le eɖokui me nenema o. Le tameɖoɖo ɖɔʋu si le agbe ŋu didi me la, ame miliɔn geɖe te amewo ƒe nukpɔsusuwo, xexemenunyawo kple subɔsubɔha vovovowo kpɔ. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, nutovowɔlawo ƒe ƒuƒoƒo si nɔ anyi le ƒe 1960-awo me la nye aglãdzedze ɖe dekɔnuwo kple hadome dzidzenu nyuiwo ŋu. Sɔhɛwo koŋue di dzidzɔkpɔkpɔ kple tameɖoɖo si le agbe ŋu to atikemuamewo zazã kple xexemenunya siwo ƒuƒoƒo ma ƒe yeaɖi akametiawo kple ƒuƒoƒoa ŋgɔnɔlawo do ɖe ŋgɔ la dzi. Ke hã, ablɔɖe gbadzaa kɔmama si ƒuƒoƒo ma dona ɖe ŋgɔ la do kpo dzidzɔkpɔkpɔ akuakua hehe vɛ. Ðe eteƒe la, ena atikevɔ̃ɖizãlawo kple sɔhɛ agbegbegblẽnɔlawo dzi ɖe edzi eye wòwɔe be amegbetɔƒomea ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi la tsɔ kabakaba.\nLuka 12:15) Zi geɖe la, ɖeko kesinɔnuwo yometiti vivivo hea dzidzɔmakpɔmakpɔ vɛ boŋ. Biblia gblɔ be: \"Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, . . . eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.\"—Timoteo I, 6:9, 10.Ƒe alafa geɖewoe nye esia si ame geɖe le dzidzɔkpɔkpɔ dim to kesinɔnuwo, ŋusẽ, alo suku gãwo dede dzi. Ðeko mɔ siawo zazã atsɔ adii la va tsia akpo dzi mlɔeba. Yesu gblɔ be: \"Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.\" (\nEkema aleke ame ate ŋu awɔ akpɔ dzidzeme eye tameɖoɖo nasu esi le agbe me? Nutete akpɔ aɖe koe wònyea, abe ke akplɔ damee wole nane le tsizi me enea? Dzidzɔtɔe la, mele nenema kura o. Abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, egbɔkpɔnua nɔ te ɖe nu vevi aɖe, si le vevie ŋutɔ na amegbetɔwo, ƒe amesisusu dzi.\n[Nɔnɔmetata si le axa 3]\nÐe kesinɔnuwo, ŋusẽ, kple suku gã dede akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzemea?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20050701\/Alesi-Wole-Dzidzeme-Dimee\/","date":"2023-09-21T19:23:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233506029.42\/warc\/CC-MAIN-20230921174008-20230921204008-00537.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989975095,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989975094795227}","num_words":450,"character_repetition_ratio":0.048,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.215,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 15, 2000 Nyanyuiawo—Wogale Glãkahehea Dzi Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe? Ðo To Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya Na Míaƒe Ŋkekea Xɔ Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Dzi se! \"Dzɔ Wò Dzi Ŋu\" Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me Xɔse Tutuɖo to Biblia Sɔsrɔ̃ me le India","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20000515\/","date":"2023-12-03T14:58:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100508.23\/warc\/CC-MAIN-20231203125921-20231203155921-00816.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9992832541,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9992832541465759}","num_words":46,"character_repetition_ratio":0.116,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.213,"stopwords_ratio":0.261,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Origen—Aleke Eƒe Nufiafia Kpɔ Ŋusẽ Ðe Sɔlemeha la Dzii?\n\"Sɔlemeha la kplɔla gãtɔ kekeake le Apostoloawo megbe.\" Aleae Latin Vulgate Biblia gɔmeɖela, Jerome, kafu ƒe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala Origen. Gake menye amesiamee de bubu ma gbegbe Origen ŋu o. Ame aɖewo bui be enye ke vɔ̃ɖi aɖe si me aglãdzedzewo mie tso. Ƒe alafa 17 lia me nuŋlɔla aɖe ŋlɔ be amesiwo ɖe ɖeklemi Origen la gblɔ be: \"Susu mele eƒe nufiafia akpa gãtɔ me o eye wògblẽa nu vevie, wonye Da la ƒe aɖi vɔ̃ɖi aɖe wòtu ɖe xexeame.\" Le nyateƒe me, ƒe alafa ene kple edzivɔ le Origen ƒe ku megbe la, woɖe gbeƒãe be enye aglãdzela.\nNUKATAE Origen ƒe nu nyo ame aɖewo ŋu evɔ ame bubuwo ya lé fui? Ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe sɔlemeha la ƒe nufiafia dzi?\nDzo Tsɔtsɔ Ðe Sɔlemeha la Ŋu\nWodzi Origen le ƒe 185 M.Ŋ. me lɔƒo le Egipte-dugã si nye Alexandria me. Esrɔ̃ Helagbe me gbalẽwo memie, gake fofoa, Leonides, zii ɖe edzi be wòadze agbagba nenema ke le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ŋu. Esi Origen xɔ ƒe 17 la, Roma-fiagã de se aɖe si wɔe be wònye agɔdzedze be ame naɖɔ li subɔsubɔha si me wòle. Wode Origen fofo gaxɔ me ɖe Kristotɔ zuzu ta. Ðekakpuimedzo si nɔ Origen me na wòɖoe be yeava kpe ɖe eŋu le gaxɔa me ahaku xɔsetaku kplii. Esi Origen dada kpɔ eƒe tameɖoɖo sia la, efɔ eƒe awuwo ɣla be magadzo le aƒeme o. Origen ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe kuku na fofoa gblɔ be: \"Kpɔ nyuie be màgatrɔ susu le mía ta o.\" Leonides nɔ te sesĩe eye wowui, eye naneke menɔ eƒe ƒomea si o. Gake Origen yi ŋgɔ ŋutɔ le eƒe agbalẽsɔsrɔ̃ me xoxo ale be wòate ŋu ado alɔ dadaa kple eyomevi adeawo to Helagbea fiafia me.\nFiagã la ƒe tameɖoɖoe nye be yeatsi Kristo-ha la ƒe takeke nu. Esi menye nusrɔ̃viwo ŋu koe eƒe sea agblẽ nu le o ke agblẽe le nufialawo hã ŋu ta la, Kristotɔwo ƒe subɔsubɔŋutinufialawo katã si dzo le Alexandria. Esi amesiwo menye Kristotɔwo ɖe kuku na Origen si nye ɖekakpui be wòafia Ŋɔŋlɔawo yewo la, exɔe atuu be enye dɔdasi si tso Mawu gbɔ. Eƒe nusrɔ̃viwo dometɔ geɖe ku xɔsetaku eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã do ŋgɔ na woƒe nusɔsrɔ̃a nuwuɣi. Origen dea eƒe agbe afɔku gã me va dea dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃viwo amesiame kpɔna, woɖale ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume o, le gaxɔ me o, alo wowu gee woyina o. Ƒe alafa enelia me ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ be ne wokplɔ wo yina ɖe wuwu ge la, Origen tsɔa \"dzideƒo gã ŋutɔ gbugbɔa nu na wo tsɔ dea bubu wo ŋui.\"\nDɔme ve amesiwo menye Kristotɔwo o dometɔ geɖe ɖe Origen ŋu, elabena wobui be eyae na yewo xɔlɔ̃wo trɔ dzime si na be woku. Zi geɖela, nu vi aɖe koe susɔna ne nuvlowɔhawo nadze edzi awui anyratɔe. Togbɔ be ezu dzizizi na Origen be wòanɔ nɔƒe ɖɔ lim edziedzi bene wòasi le eyometilawo nu hã la, meɖe asi le eƒe nufiafiaa ŋu o. Eƒe dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ sia wɔ dɔ ɖe Alexandria-bisiɔp, Demetrius dzi. Eyata esi Origen xɔ ƒe 18 pɛ ko la, Demetrius ɖoe mawunyafiasuku si le Alexandria la ƒe tatɔe.\nMlɔeba, Origen va zu agbalẽnyala aɖe si ŋkɔ de du eye wòŋlɔ agbalẽ gbogbo aɖewo hã. Ame aɖewo gblɔ be eŋlɔ agbalẽ 6,000, togbɔ be ɖe woanya ɖe ami ɖee hã. Eƒe agbalẽ gã si woyɔna be Hexapla si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe tata si le babla 50 me koŋ ye wonya nɛ wu. Origen ɖo Hexapla la ɖe akpa ade me siwo nye: (1) Hebri kple Aram gbe me ŋɔŋlɔawo, (2) Ŋɔŋlɔ sia si wogbugbɔgaŋlɔ kple Helagbe me ŋɔŋlɔdzesiwo, (3) Aquila ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea, (4) Symmachus ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea, (5) Helagbe me Septuagint gɔmeɖeɖea, si me Origen gbugbɔ gato be wòasɔ ɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔa nu nyuie wu, kple (6) Theodotion ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea. Biblia-nyala John Hort ŋlɔ be: \"Origen ƒe mɔkpɔkpɔ enye be ŋɔŋlɔ vovovo siawo siwo yeƒo ƒu la nana ŋɔŋlɔ geɖe siwo gɔmesese atɔtɔ Helagbe xlẽlawo alo woase wo gɔme bubui ne Septuagint la ɖeɖekoe le wo si me nakɔ na wo.\"\n'Egbɔ Nusiwo Woŋlɔ Ði Ŋu'\nKe hã alesi mawusubɔsubɔ ŋutinyawo tɔtɔe le ƒe alafa etɔ̃lia me kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Origen ƒe Ŋɔŋlɔawo fiafia dzi. Togbɔ be Kristodukɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ma hã la, dzixɔse siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ƒo ɖii xoxo, eye eƒe sɔleme siwo kaka ɖe teƒeteƒewo nɔ nufiafia siwo to vovo na wo nɔewo fiam.\nOrigen xɔ nufiafia siawo siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dometɔ aɖewo heyɔ wo be apostoloawo ƒe nufiafia. Gake evo le eɖokui me de ŋugble le nya bubuwo ŋu. Eƒe nusrɔ̃vi siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi ma me dometɔ geɖewo nɔ avu wɔm kple xexemenunyafiafia siwo nɔ anyi ɣemaɣi. Origen srɔ̃ xexemenunya vovovo siwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe eƒe nusrɔ̃viwo ƒe susu dzi tsitotsito bene yeakpe ɖe wo ŋu. Eɖoe be yeaɖo yeƒe nusrɔ̃viwo ƒe xexemenunya ƒe biabiawo ŋu eme nakɔ na wo.\nBe Origen nana vovototo naganɔ Biblia ƒe nufiafia kple xexemenunyafiafia dome o la, egblɔ be gbɔgbɔmegɔmesese ɣaɣla le Ŋɔŋlɔawo si. Etsɔe be gɔmesese si nye gbɔgbɔ me tɔ nɔa Ŋɔŋlɔawo ŋu ɣesiaɣi ke menye ɣesiaɣie nya si wogblɔ ƒe gɔmesese sɔna ɖe alesi wogblɔ nya lae ŋutɔŋutɔ nu o. Abe alesi agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, esia ɖe mɔ na Origen be \"wòte ŋu de nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o gake wòde eƒe mawunyafiafia dzi la Biblia ƒe gɔmesese me, evɔ wònɔa gbɔgblɔm (henɔa eɖokui bum ɖikekemanɔmee) be Biblia-fiala si tsɔa dzo ɖe efiafia ŋu eye wòfianɛ pɛpɛpɛ ye yenye.\"\nLɛta aɖe si Origen ŋlɔ na eƒe nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka kpe ɖe mía ŋu be míanya alesi wòbua nuwo ŋui. Origen gblɔ be Egipte-sikae Israel-viwo tsɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me nuzazãwoe. Ezã nya sia wònye gɔmesese ɣaɣla si de eƒe Helatɔwo ƒe xexemenunya tsɔtsɔ fia Kristotɔnyenyee dzi. Eŋlɔ be: \"Aleke gbegbe nusiwo Israel-viwo tsɔ tso Egipte gbɔe, si Egiptetɔwo mezã ɖe mɔ nyui nu o, gake wonye esiwo Mawu ƒe nunya fia mɔ Hebritɔwo ya wozã le Mawu subɔsubɔ me la woɖe vi na woe nye si.\" Eyata Origen de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃via be \"wòatia nusiwo anyo na sɔsrɔ̃ alo ate ŋu anye dzadzraɖo na Kristotɔnyenye la tso Helatɔwo ƒe xexemenunya me.\"\nBiblia me ɖeɖe yakatsyɔ alea na vovototo megava dze le Kristotɔwo ƒe nufiafia kple Helatɔwo ƒe xexemenunya dome tututu o. Le kpɔɖeŋu me, Origen ɖɔ Yesu le eƒe agbalẽ si nye On First Principles me be enye 'Tenuvi, amesi wodzi, gake gɔmedzedze aɖeke meli nɛ o.' Eye egblɔ kpee be: 'Eƒe dzidzime li ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ me. Menye esi wona agbegbɔgbɔe tae wònye Vi o, menye le gotagome nuwɔna aɖe mee o, ke boŋ le Mawu ƒe dzɔdzɔme mee.'\nMenye Biblia mee Origen kpɔ nufiafia sia tsoe o, elabena Ŋɔŋlɔawo fia nu be Yehowa ƒe Tenuvi lae nye \"nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi\" kple \"Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.\" (Kolosetɔwo 1:15; Nyaɖeɖefia 3:14) Mawusubɔsubɔŋutinyaŋlɔla Augustus Neander gblɔ be: \"Plato ƒe nukpɔsusu le xexemenunya ƒe hehexɔxɔ me\" ye Origen kpɔ \"dzidzime mavɔmavɔ\" nufiafia la tsoe. Le esia wɔwɔ me la, Origen da le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose si gblɔ be 'migagbɔ nusi woŋlɔ ɖi ŋu o' la dzi.—Korintotɔwo I, 4:6.\nWobu Fɔe be Enye Aglãdzela\nLe Origen ƒe nufiafia ƒe ƒe gbãtɔawo me la, Alexandria Nunɔlawo ƒe Aɖaŋudeha aɖe xɔ nunɔlanyenye le esi. Anye Origen ƒe ŋkɔxɔxɔ si nɔ ta kekem si biã ŋu na Bisiɔp Demetrius tae nusia dzɔ ɖo. Origen ʋu yi Palestine, afisi wode bubu gã eŋu le afisiafi le be enye Kristotɔwo ƒe nufiafia taʋlila wɔnuteƒe, eye wòyi edzi nye nunɔla le afima. Le nyateƒe me, esime amewo 'dze aglã' le Ɣedzeƒe la, wobia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaƒo nu na bisiɔp siwo tra mɔ be woagbugbɔ ava ha la ƒe nufiafia gbɔ. Le Origen ƒe ku le ƒe 254 M.Ŋ. me megbe la, wova gblɔ nya vɔ̃ geɖe ɖe eŋu ŋutɔ. Nukatae?\nEsi amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo va zu ha gã aɖe la, nusiwo sɔlemeha la va xɔ be woawoe nye nufiafia siwo dzi yewoda asi ɖo la va ɖe dzesi kɔte wu. Eyata mawunyaŋununyalawo ƒe dzidzime siwo va emegbe mexɔ Origen ƒe xexemenunya me nukpɔsusuawo, siwo nye eya ŋutɔ ƒe nuŋububu eye womesɔna tututu ɣeaɖewoɣi o la o. Eyata wohe nya le eƒe nufiafiawo ŋu vevie le sɔlemeha la me. Bene woakpɔ ta na nyaʋiʋli siawo ahakpɔ ha la ƒe ɖekawɔwɔ ta la, ha la bu fɔ Origen be enye aglãdzela.\nMenye Origen ɖeɖekoe wɔ vodadaa o. Le nyateƒe me, Biblia gblɔe ɖi be ame geɖe atra mɔ tso Kristo ƒe nufiafia akuakuawo gbɔ. Xɔsegbegbe sia va nɔ ta kekem le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu, le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe. (Tesalonikatɔwo II, 2:6, 7) Mlɔeba ame aɖewo siwo be Kristotɔwoe yewonye la da ŋkɔ \"orthodoks,\" [akuakuawo] ɖe wo ɖokui dzi eye wogblɔ le ame susɔeawo katã ŋu be \"aglãdzelawo\" ye wonye. Gake le nyateƒe me la, Kristodukɔa katãe tra mɔ tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ.\n'Nusiwo Woyɔ Aʋatsotɔe be Sidzedze'\nTogbɔ be nususugblɔ geɖe le Origen ƒe nufiafiawo me hã la, viɖenu aɖewo nɔ eƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ wòle Hebri ŋɔŋlɔdzesi ene siwo me woŋlɔe ɖo gbã, si woyɔna be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, me la nɔ Hexapla la me. Esia nye ɖaseɖiɖi vevi aɖe be Kristotɔ gbãtɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ—Yehowa—hezãe. Gake ƒe alafa atɔ̃lia me sɔleme hakplɔla aɖe si ŋkɔe nye Theophilus xlɔ̃ nu ɣeaɖeɣi be: \"Origen ƒe agbalẽwo le abe gbe dzi, afisi nàkpɔ seƒoƒo ƒomevi vovovowo le ene. Ne mekpɔ seƒoƒo dzeani aɖe le afima la, maŋee; gake ne mekpɔ nane si ɖi ŋu nam la, meƒoa asa nɛ abe alesi mato ŋu ayii ene.\"\nEsi Origen tsɔ Biblia ƒe nufiafiawo kple Hela xexemenunya tsaka ta la, vodada va ɖo eƒe mawunyafiafia me, eye nusia gblẽ nu le Kristodukɔa ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wova ɖe asi le Origen ƒe nuŋububu siwo ŋu gɔmeɖokpe aɖeke mele o ƒe akpa gãtɔ ŋu hã la, eƒe nukpɔsusu ku ɖe Kristo ƒe \"dzidzime si gɔmedzedze meli na o\" ŋu na wote ŋu ɖo Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la si metso Biblia me o la gɔme anyi. Agbalẽ si nye The Church of the First Three Centuries gblɔ be: \"Menye nusi nu ava yi kabae xexemenunya ƒe amedzodzro [si Origen to vɛ] la nye o.\" Nukawoe do tso eme? \"Wotɔtɔ Kristotɔwo ƒe xɔse si me ɖeɖe le bɔbɔe la, eye vodadawo ge ɖe Ha la me kpaŋkpaŋ.\"\nÐe wòle be Origen nawɔ ɖe Paulo ɖe nuxlɔ̃ame be 'woagbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia' dzi ale be wòaƒo asa na asikpekpe ɖe xɔsegbegbe sia ŋu hafi. Ðe esia teƒe la, esi Origen tu eƒe nufiafia ƒe akpa gãtɔ ɖe 'sidzedze' sia dzi ta la, 'etra mɔ tso xɔse la gbɔ.'—Timoteo I, 6:20, 21; Kolosetɔwo 2:8.\n[Nɔnɔmetata si le axa 31]\nOrigen ƒe \"Hexapla\" la fia be wozã Mawu ƒe ŋkɔa le Kristotɔwo ƒe Helagbe me Ŋɔŋlɔawo me\n[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]\nPublished by permission of the Syndics of Cambridge University Library, T-S 12.182\n[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]\nCulver Pictures","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20010715\/Origen-Aleke-E%C6%92e-Nufiafia-Kp%C9%94-%C5%8Aus%E1%BA%BD-%C3%90e-S%C9%94lemeha-la-Dzii\/","date":"2023-12-10T20:57:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679102637.84\/warc\/CC-MAIN-20231210190744-20231210220744-00170.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978478551,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997847855091095}","num_words":1835,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.26,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"MAGAZINEWO February 8, 2003 \"Ŋutasẽnuwɔwɔ Vɔ̃ɖi Aɖe\" Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem? Ðeviwo Tafatafa Nu Ayi Kpuie! Di Nyatakaka Vavãwo Xɔse Ƒe Dodokpɔ le Nazi Europa Alɔgbɔnukoko ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Ðe Nuvɔ̃ Aɖe Li Si Wometsɔ Kena Oa Ele Vevie Be Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie! Nukae Gblẽ le Dodokpɔ Fifikpɔ Ŋu? Xe Dadzo Siwo Ðua Ɣe Siria—Eƒe Ŋutinya me Blemanu Dodzidzɔnamewo","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20030208\/","date":"2023-12-09T22:48:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100972.58\/warc\/CC-MAIN-20231209202131-20231209232131-00560.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976711273,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976711273193359}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.201,"stopwords_ratio":0.148,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Biblia Ƒe Nukpɔsusu\nÐe Wòle Be Woaɖo Nyɔnuwo Nunɔlawoa?\n\"E WƆA nuku nam gavea dɔ me hã nam, be womewɔ naneke le nyɔnuwo ƒe nya ŋu, ne woaɖo wo nunɔlawoe o.\" Nenemae Katoliko nyɔnu aɖe ŋlɔ ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽtaƒe aɖe (USA Today). Nenemae ame geɖe hã susunɛ. Elabena woɖoa nyɔnuwo nunɔlawo, bisiɔpwo kple rabiwo le subɔsubɔha bubuwo me.\nSubɔsubɔha siwo xea mɔ na nyɔnuwo be woagasubɔ le haa me o kple ame siwo ɖea mɔ na wo be woafia nu amewo le kplɔ̃ta siaa gblɔna be Bibliae yewokplɔ ɖo. Gake nya lae nye be, Biblia meda asi ɖe nuwɔna siawo dometɔ aɖeke dzi o. Aleke? Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míadzro ale si Biblia zã nya \"subɔla\" me gbã.\nLe Apostoloawo Ŋɔli\nGɔmesese kae le nya \"subɔla\" si wozã le Biblia me ŋu na wò? Esi ame geɖe zãa nya \"nunɔla\" ɖe nya sia teƒe ta la, woƒe susu yia ŋutsu alo nyɔnu hakplɔla alo hanunɔla siwo xɔa ŋgɔ le mawusubɔsubɔ me la dzi. Gake Biblia zã nya \"subɔla\" wòfia nu geɖe. Le kpɔɖeŋu me, bu nyɔnu Kristotɔ Foibe ŋu kpɔ. Apostolo Paulo yɔe be \"mía nɔvinyɔnu . . . si nye Kenxrea hamea ƒe subɔla.\"—Romatɔwo 16:1.\nÐe nèsusu be Foibe atɔ ɖe Kenxrea hamea ŋkume akpɔ subɔsubɔwɔna aɖe dzia? Ekema subɔla ka ƒomevie Foibe nye? Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo be nyɔnu aɖewo 'wɔ dɔ kpli ye le nya nyui la kaka me na ame bubuwo.'—Míawoe te gbe ɖe edzi; Filipitɔwo 4:2, 3, Agbenya La.\nMɔ si dzi koŋ Kristotɔwo to kaka nya nyuia le apostoloawo ŋɔli ye nye \"le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me.\" (Dɔwɔwɔwo 20:20) Woyɔa ame siwo wɔa dɔ ma be subɔlawo. Nyɔnuwo hã nɔ wo dome, eye wo dometɔ ɖekae nye Priskila. Ekpe ɖe srɔ̃a ŋu 'wofia Mawu ƒe mɔ' ŋutsu mawuvɔ̃la aɖe si womenyrɔ wòzu Kristotɔ ɣemaɣi haɖe o. (Dɔwɔwɔwo 18:25, 26) Edze ƒãa be Priskila hã nye subɔla bibi abe Foibe ke ene—eye nenema kee nyɔnu geɖewo hã nɔ.\nDɔ Si Ŋu Bubu Lee Wònye\nÐe gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ tsɛ si ŋu bubu mele o, si woatutu ade asi na nyɔnuwo, ne ŋutsuwo nakpɔ dɔ vevi si nye ŋgɔxɔxɔ le hamea me gbɔa? Kpao. Mele nenema kura o le susu eve ta. Susu gbãtɔe nye be Biblia na eme kɔ ƒãa be ele be Kristotɔwo katã naɖe gbeƒã na amewo, ŋutsu siwo dzi dɔ geɖe le le hamea me hã le eme. (Luka 9:1, 2) Susu eveliae nye be, gbeƒãɖeɖedɔae nye mɔ vevitɔ si dzi Kristotɔwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, to wɔ ɖe se si Yesu de be woayi 'aɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo ahafia nu wo' la dzi le blema, eye mɔ sia dzi kee woto le ewɔm egbea hã.—Mateo 28:19, 20.\nDɔ vevi bubu hã li nyɔnu aɖewo wɔna le hamea me. Paulo ŋlɔ be: \"Nyɔnu tsitsiwo [nanye] nu nyui fialawo; bene woaɖo ŋku edzi na ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo.\" (Tito 2:3, 4) Eya ta mɔnukpɔkpɔ sua nyɔnu Kristotɔ tsitsi siwo kpɔ nuteƒe la si be woakpe ɖe nyɔnu siwo wotsi wu, siwo mekpɔ nuteƒe o la ŋu be woawo hã natsi. Dɔ vevi aɖee dɔ sia hã nye.\nNufiafia Le Hamea Me\nGake womegblɔ na nyɔnuwo le Biblia ƒe afi aɖeke be woatɔ ɖe hamea ŋkume afia nu o. Ðe apostolo Paulo gblɔ na wo boŋ be 'woazi ɖoɖoe le hameawo me.' Nu ka tae? Egblɔ be susuawo dometɔ ɖekae nye be, ne \"nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.\" (1 Korintotɔwo 14:34, 40) Be nuwo nazɔ nyuie la, Mawu ɖoe be ŋutsuwo ko nafia nu le hamea me. Gake de dzesii be menye ŋutsu ɖe sia ɖee wona mɔnukpɔkpɔe be wòaxɔ ŋgɔ le hamea me o; ŋutsu siwo dze ŋutɔŋutɔ la koe wonaa mɔnukpɔkpɔ sia. *—1 Timoteo 3:1-7; Tito 1:5-9.\nÐe dɔ si Mawu na nyɔnuwo la nye gbɔɖiɖi woa? Kura o. Ðo ŋkui be Yehowa Mawu yɔ wo na dɔ vevi aɖe: be woaɖi ɖase tso ye ŋu na amewo. (Psalmo 68:12) Yehowa Ðasefowo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ɖea gbeƒã na amewo, eye woto esia me kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wotrɔ dzi me, ale be woakpɔ xɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:21; 2 Petro 3:9) Menye dɔ gã aɖee nye ema oa?\nNe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa wɔ woƒe dɔ nyuie le hamea me la, ŋutifafa nɔa anyi, eye wodea bubu wo nɔewo ŋu. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Hafi ame natso ʋumɔ me la, ele be wòazã eƒe ŋku kple to siaa. Nenema kee ne ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔ dɔ si wode asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Mawu dii ene la, Mawu nana ŋutifafa nɔa hamea me tɔwo dome.—1 Korintotɔwo 14:33; Filipitɔwo 4:9. *—g10-E 07.\n[Etenuŋɔŋlɔwo]\n^ mm. 13 De dzesii hã be, togbɔ be wona ŋusẽ ŋutsu aɖewo le hamea me hã la, menye nu sia nu si dze wo ŋu koe woawɔ o. Ele be woabɔbɔ ɖe Kristo te ahawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. (1 Korintotɔwo 11:3) Ele hã be ŋgɔxɔlawo 'nabɔbɔ wo ɖokui na wo nɔewo,' alɔ̃ faa awɔ nu kple wo nɔewo aduadu.—Efesotɔwo 5:21.\nÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?\n● Aleke nyɔnu siwo nɔ hamea me le apostoloawo ŋɔli la fia nui?—Dɔwɔwɔwo 18:26.\n● Ame kawoe woɖo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me?—1 Timoteo 3:1, 2.\n● Aleke Mawu bua subɔsubɔdɔ si nyɔnu Kristotɔwo wɔna egbeae?—Psalmo 68:12.\n[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]\n\"Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.\"—PSALMO 68:12","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201010\/%C3%90e-W%C3%B2le-Be-Woa%C9%96o-Ny%C9%94nuwo-Nun%C9%94lawoa\/","date":"2023-11-29T02:32:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100047.66\/warc\/CC-MAIN-20231129010302-20231129040302-00768.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970998764,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970998764038086}","num_words":870,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.223,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"OpexFlow le Beta ƒe tɔtrɔ me.\nDɔa le ŋgɔ yim vevie eye wole MVP la ɖom abe alesi wòle ene. Esia fia be ɖewohĩ womatsɔ akpa aɖewo aƒo ƒui o, nyatakakadzraɖoƒea maʋu ɣeaɖewoɣi o, eye womewɔa dɔa ŋudɔ bliboe o.\nWɔ ɖeka kple dɔa le gɔmedzedzea me!\nEgbea la, nudɔdɔ ƒe asi kple ga si woɖena le dɔwɔƒe siwo do ƒome kplii lae nye esiwo me viɖe le wu. Ne ŋgɔyiyi le edzi yim la, woatrɔ asi le asixɔxɔa ŋu wòanyo wu be wòanyo na dɔa. Gake le amesiwo se mɔkpɔkpɔa gɔme eye wova ge ɖe eme fifia gome la, míadzra asiɖeɖe le nu ŋu kple fetu siwo katã woaxe ɖe eta la ɖo.\nSusu aɖe nanɔ asiwò – ma eme!\nMíeʋu mɔ na susuwo le asitsanyawo ƒe akpa dzi, asitsatsa robotwo, cryptocurrencies, arbitrage, nusianu si bu le dɔ siwo li fifia me. Ne èdi susu siwo akpɔ dzidzedze eye viɖe le wo ŋu la, mele klalo be mamã alafa memamã ɖeka.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/articles.opexflow.com\/ee\/terms\/beta.htm","date":"2023-12-08T05:19:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100724.48\/warc\/CC-MAIN-20231208045320-20231208075320-00749.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986050725,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986050724983215}","num_words":161,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.224,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Xexe sia me Hloloetsotso\nÐE ALESI NUWO YINA KABAKABAE LE AGBE ME LA WUA TSƆTSƆ NA WÒ ƔEAÐEWOƔIA? ÐE WÒÐEA DZI LE ƑOWÒ, TEA ÐEÐI ŊUWÒ, EYE NÈDE TE NƆ GE ÐE ENU DO KPOEA? NE NENEMAE LA, KE MENYE WÒ ÐEKAE O.\nAME miliɔn geɖe, vevietɔ dugã me nɔlawo, va kpɔe be agbenɔnɔ va zu hloloetsotso si tea ɖeɖi ame ŋu hetɔtɔa ame. Ele alea vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Le mawusubɔsubɔ takpekpe aɖe si wowɔ le United States nyitsɔ laa me la, nuƒola aɖe bia tso eƒe nyaselawo si be woado asi ɖe dzi ne nu tia kɔ na wo zi geɖe. Enumake asi gbogbo aɖe yi dzi.\nAgbalẽ si nye Why Am I So Tired? (Nukata Ðeɖi Te Ŋunye Alea Gbegbe Ðo?) gblɔ be: \"Egbegbe ƒe agbenɔnɔ yɔ fũ kple dzimaɖitsitsi siwo ŋu míesea nu tsoe tsã o—yameʋuɖoɖo ɖe game dzi, nuwɔwɔ ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi, ɖeviwo tsɔtsɔ ayi abɔdzokpo kple wo kpɔkplɔ gbɔe ɖe game dzi—kple bubuawo fũ.\" Mewɔ nuku o be woƒo nu tso nutikɔname ŋu be enye nusi wua ame le míaƒe ŋkekea me. *\nTsã la, wometsia dzi ɖe nuwo ŋu le agbe me o, eye wometsoa hloloe abe fifia ene o. Amewo nɔ agbe wòsɔ ɖe alesi nuwo yinae le dzɔdzɔme nu wu—ŋkeke nyea dɔwɔɣi, eye zã nyea ƒomea gbɔ nɔɣi kple anyimlɔɣi. Egbea susu geɖe li siwo ta ɖeɖi tea amewo ŋu wu eye nu tia kɔ na wo.\nŊkeke Va Didi Ðe Edzi Kpata\nÐewohĩ nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye be amewo va le woƒe alɔ̃dɔdɔ dzi tsom. Eye nusiwo va gblẽ alɔ̃dɔɣi me wòɖe dzesi ŋutɔ la dometɔ ɖekae nye elektrikkaɖi ƒe dodo. Ne amegbetɔ te asi ɖe akaɖisinu dziko la, ete ŋu trɔa \"ŋkeke\" ƒe didime, eye eteƒe medidi o amewo va nɔ ŋu nɔm wòdidina wu. Le nyateƒe me la, naneke meli si ame geɖe awɔ tso nɔnɔmea ŋu o elabena adzɔnuwɔƒewo te dɔwɔwɔ zã kple keli eye dɔwɔlawo didi woƒe dɔwɔɣiwo ɖe edzi. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: \"Gaƒoƒo blaeve vɔ ene ƒe dzidzimea va do.\"\nMɔ̃ɖaŋununya me ŋgɔyiyi bubuwo, siwo ƒe ɖewoe nye radio, television, kple kɔmpiuta, hã gblẽa amewo ƒe alɔ̃dɔdɔ me. Le dukɔ geɖewo me la, woɖea television dzi wɔnawo gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Menye nu yeye wònye be alɔ̃ nabla sinima alo kamedefefe lɔ̃lawo eye ɖeɖi nate wo ŋu woatsɔ ava dɔ mee le nukpɔkpɔ ɣeyiɣi didi le zã me vɔ megbe o. Aƒeme kɔmpiutawo, kple susuhenu gbogbo siwo le eme, hã ble ame miliɔn geɖe nu wonɔa ŋu zã tsina. Naneke megblẽ le nusiawo ŋutɔ ŋu ya o; gake wonaa ame aɖewo mebua gbɔɖeme si wohiã la ŋuti o.\nNuwo Yina Kabakaba Wu le Agbe Me\nMenye ɖeko míaƒe ŋkekea va didi ɖe edzi ko o ke edze abe nuwo yina kabakaba wu le agbenɔnɔ ŋutɔ hã me ene—mɔ̃ɖaŋununya gbɔe esia hã gatso. Agbatsɔʋu si sɔwo hena si nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kloe enye esia la megaɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple egbegbe ʋu siwo zɔna ŋutɔ, keteke ɖiduwo, kple yameʋu ɖeablawo o. Le nyateƒe me la, egbeŋkekeawo me ƒe asitsala, si ɖewohĩ tɔgbuia zɔ afɔ loo alo do sɔ alo gasɔ hafi dea dɔ me, ate ŋu anɔ yameʋu me atso Atlantik-ƒua le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me!\nTɔtrɔ gãwo va le dɔwɔƒewo hã le tsɔtsɔedodo dɔ kple nuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔ me gome. Kɔmpiuta, faksmɔ̃wo, kple nyatakakawo ɖoɖo ɖa to kɔmpiuta dzi va xɔ ɖe agbalẽŋlɔmɔ̃wo ŋudɔwɔwɔ kple lɛta ɖoɖo ɖe ame mɔnu si nɔ anyi tsã la teƒe. Kɔmpiuta suewo, kotokumetelefonwo, kple nyaxɔmɔ̃wo na vovototo megava le aƒeme kple dɔwɔƒe dome o.\nNyateƒee, mía dometɔ aɖeke mate ŋu alé alesi nuwo le du dzii le xexeame nu ya o. Gake mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo ana míanɔ agbe si me dziɖeɖi le wu wòada asɔ. Gake hafi míadzro nya sia me la, mina míadzro dɔ siwo egbegbe hloloetsotso vevie ate ŋu awɔ ɖe mía ŋutɔwo kple amesiame dzi la dometɔ aɖewo me akpɔ.\n[Etenuŋɔŋlɔ]\n^ mm. 4 Le gbesiagbedzimaɖitsitsiwo megbe la, nu bubu geɖewo hã ate ŋu ahe ɖeɖiteameŋu si nɔa anyi ɖaa vɛ alo ana wòado gã ɖe edzi. Ate ŋu atso lãmegbegblẽ, nunyuimaɖumaɖu, atikewo, aɖinuwo ƒe ɖiƒoƒo, tagbɔ kple seselelãme dɔwo, tsitsi, alo nusiawo dometɔ geɖe gbɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g20010208\/Xexe-sia-me-Hloloetsotso\/","date":"2023-12-03T14:08:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100508.23\/warc\/CC-MAIN-20231203125921-20231203155921-00518.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9989064932,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989064931869507}","num_words":699,"character_repetition_ratio":0.033,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ame Fafawo Anyi Anyigba la Dome\n\"Mele esusum be woava trɔ xexeame eye woagagbugbɔ nusianu aɖo eteƒe. . . . Menye le etsɔ ŋdi o, ke boŋ le keke etsɔme ʋĩ ke, esime woawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye aɖe.\"—Jean-Marie Pelt, nutomeŋutinunyala bibi si tso France.\nESI WÒNYE be nutome kple hadome ƒe nɔnɔme siwo le anyigba dzi ɖea fu na ame geɖe ŋutɔ ta la, adzɔ dzi na wo be woakpɔ anyigba sia wòazu paradiso. Menye míaƒe ɣeyiɣia me ƒe drɔ̃e dzro aɖe koe didi vevi sia nye o. Tso tititi kee Biblia do ŋugbe be woava trɔ anyigbaa wòazu paradiso. Nya siwo Yesu gblɔ be \"ame fafawo . . . anyi anyigba la ƒe dome,\" kple be \"woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene\" la nye nya siwo ame geɖe nya nyuie le Ŋɔŋlɔawo me. (Mateo 5:5; 6:10) Gake ame ʋɛ aɖewo koe xɔ edzi se be anyigbaa ava zu paradiso eye ame fafawo anɔ edzi. Ame akpa gãtɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la mexɔe se be anyigbaa ava zu paradiso o.\nMagazine si nye La Vie, si wotana le France kwasiɖa sia kwasiɖa, ɖe nusitae Katolikotɔwo megava xɔ paradiso—eɖanye le dziƒo loo alo le anyigba dzi o—dzi se o la me ale: \"Esi paradiso ŋuti nufiafia xɔ anyinɔ ɖe Katolikohaa me ƒe 1,900 ya teti vɔ megbe la, womegava ƒoa nu tso eŋu kuraa le woƒe gbedoɖaƒe wɔnawo, mawunya siwo wogblɔna le sɔleme kwasiɖagbewo, nusiwo wofiana le osɔfosukuwo kple le katekismowo me o.\" Wotsɔ nyagbe, paradiso, la ŋutɔ gɔ̃ hã de \"nya siwo gɔme womate ŋu ase o, kple nya manyatalenu\" siwo me \"do viviti\" la dome. Mawunyagblɔla aɖewo gblɔ be \"gɔmesese si le nyagbea ŋu la nana wòdzena be dzidzɔkpɔkpɔ ava nɔ anyigba dzi fũ akpa,\" eye le esia ta, woɖoe koŋ gbe ezazã.\nFrédéric Lenoir, amesi nye hadomegbenɔnɔŋutinunyala eye wògabi le mawusubɔsubɔ ŋuti nyawo hã me la, gblɔ be paradiso ŋuti nufiafiaa \"ti tome na ame, eye gɔmesese aɖeke megava le eŋu o.\" Jean Delumeau, amesi nye ŋutinyaŋlɔla eye wòŋlɔ agbalẽ geɖe ku ɖe paradiso ŋu la, hã susui be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo sɔŋ koe Biblia me ŋugbedodowo nye. Eŋlɔ bena: \"Le Kristotɔwo ƒe dzixɔse nu la, biabia si nye be: 'Aleke Paradiso si ŋugbe wodo la ava emee?' ƒe ŋuɖoɖoe nye be: Drɔ̃enya koe wòanye be to Ðela la ƒe tsitretsitsia dzi la, mí katã míava wɔ ɖeka gbeɖeka ahafa dzidzɔvi.\"\nÐe wòsɔ be míaganɔ mɔ kpɔm na Paradisoa kokokoa? Aleke tututue etsɔme anɔ? Ðe míate ŋu agblɔ nya aɖe tso ameƒomea ƒe etsɔme ŋua, alo míate ŋui o? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20060815\/Ame-Fafawo-Anyi-Anyigba-la-Dome\/","date":"2023-11-30T15:00:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100227.61\/warc\/CC-MAIN-20231130130218-20231130160218-00408.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958410859,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958410859107971}","num_words":428,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.014,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Èɖo Ŋku Wo Dzia?\nÐe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:\n• Nukae nye veveseseɖeamenu, eye nukatae wòle be Kristotɔwo natui ɖo?\nEnye ame ɖokui tsɔtsɔ ɖo ame bubu teƒe ase veve si sem amea le la le míaƒe dzi me. Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be 'ame nu nawɔ nublanui na wo, woaɖe havilɔlɔ̃, kple dɔmetɔtrɔ afia.' (Petro I, 3:8) Yehowa ɖo veveseseɖeamenu ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí be míasrɔ̃. (Psalmo 103:14; Zaxarya 2:12) Míate ŋu adzi míaƒe ŋudzɔnɔnɔ le go sia me ɖe edzi to toɖoɖo, ŋkuléle ɖe nu ŋu, kple nukpɔkpɔ le susume me dzi.—4\/15, axa 24-6.\n• Be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, nukatae wòle be gbɔgbɔmedɔdada nado ŋgɔ na ŋutilã me nuwɔametɔnyenye gbɔ kpɔkpɔ mlɔeba?\nKuxiwo ƒe agbogbododo wɔe be dzi mele ame geɖe siwo le lãmesẽ me dzɔm o. Ke hã Kristotɔ geɖe siwo nye wɔametɔwo le ŋutilã me le Yehowa subɔm dzidzɔtɔe. Mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo wole gbɔgbɔmedɔ dam na la si be woada ŋutilãmedɔwo na wo le xexe yeyea me.—5\/1, axa 6-7.\n• Nukatae Hebritɔwo 12:16 yɔ Esau de ahasiwɔlawo dome?\nBiblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be Esau ɖe viɖe siwo wòakpɔ enumake ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme fia, eye mede bubu nu kɔkɔewo ŋu o. Ne ame aɖe ɖe mɔ tamesusu ma tɔgbe ge ɖe eme la, ate ŋu akplɔe ade nuvɔ̃ gã, abe ahasiwɔwɔ ene, me.—5\/1, axa 10-11.\n• Amekae Tertullian nye, eye nuka mee wòxɔ ŋkɔ le?\nEnye agbalẽŋlɔla kple mawunyaŋununyala si nɔ anyi le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me. Exɔ ŋkɔ le agbalẽwo ŋɔŋlɔ be woatsɔ aʋli amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la ta me. Esime wònɔ wo ta ʋlim la, eto nukpɔsusuwo kple xexemenunya ƒe susu si va zu nufiafia gbegblẽwo, abe Mawuɖekaetɔ̃ ene, ƒe gɔmeɖokpe vɛ.—5\/15, axa 29-31.\n• Nukatae menye agbedomenyiŋusẽ ɖeɖe gbɔe amegbetɔwo ƒe dɔlélewo, agbenɔnɔ, kple ku tso o?\nDzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒo nya ta be edze ƒã be agbedomenyiŋusẽ wɔa akpa aɖe le amegbetɔwo ƒe dɔlélewo me, eye wo dometɔ aɖewo xɔe se be domenyiŋusẽfianuwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi. Gake Biblia na ameƒomea ƒe dzɔtsoƒe ŋuti numekɔkɔ, tsɔ kpe ɖe alesi nuvɔ̃ kple blibomademade wɔ va ɖo ameƒomea dome ŋu. Togbɔ be domenyiŋusẽfianuwo awɔ akpa aɖe le ameƒomevinyenye me hã la, míaƒe blibomademade kple nuto si me míele hã kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe mía dzi.—6\/1, axa 9-11.\n• Aleke Papyrus kakɛ si wofɔ le Oxyrhynchus, Egypt, kɔ alesi wozã Mawu ƒe ŋkɔ mee?\nHebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la dze le Hiob 42:11, 12 me le Helatɔwo ƒe Septuagint ƒe kakɛa me. Esia nye kpeɖodzi bubu be alesi woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ le Hebrigbe me la dze le Septuagint, si me Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo yɔ nya tsoe zi geɖe la me.—6\/1, axa 30.\n• Egbeŋkekea me kamedefefe xɔŋkɔ kawoe woate ŋu atsɔ asɔ kple Roma Fiaɖuƒea me yivuwɔwɔ dziŋɔwo?\nWɔna aɖe si wowɔ nyitsɔ laa tsɔ ɖe nudzɔdzɔ aɖewo fia le Roma Fefewɔƒe le Italy, hekpe ɖe video ɖeɖefia aɖe ŋu la ɖe egbegbe nusiwo sɔ kple avuwɔwɔ kple nyitsuwo, kɔdada, dzokeke kple gasɔ hoʋiʋli, dzre dziŋɔ siwo dona mo ɖa le kamedefefewo me egbea la fia. Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa melɔ̃a ŋutasesẽ alo ŋutasẽnuwɔlawo o, eye mele be Kristotɔwo hã nalɔ̃e egbea o. (Psalmo 11:5)—6\/15, axa 29.\n• Esi míele agbagba dzem be míazu nufiala bibiwo la, nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Ezra ƒe kpɔɖeŋua me?\nEzra 7:10 ƒo nu tso nu ene siwo Ezra wɔ, siwo míate ŋu adze agbagba asrɔ̃, ŋu. Egblɔ be: 'Ezra ŋutɔ [1] dzra eƒe dzi ɖo, [2] bene yeadzro Yehowa ƒe se la me, [3] bene yeawɔ edzi, eye [4] bene yeafia ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye le Israel.'—7\/1, axa 20.\n• Nuwɔna eve kawo mee wòasɔ le be Kristotɔ nyɔnu nabla ta?\nÐekae nye le nɔnɔme siwo ado mo ɖa le ƒomea me la me. Eƒe tababla ɖenɛ fiana be enyae be ye srɔ̃ŋutsuae wòle be wòaxɔ ŋgɔ le gbedodoɖa kple Biblia fiafia me. Eveliae nye le hamea ƒe dɔwɔwɔwo me, afisi wòɖenɛ fiana le be ŋutsu xɔnyɔnyrɔwoe Ŋɔŋlɔawo na ŋusẽe be woafia nu ahana mɔfiafia. (Korintotɔwo I, 11:3-10)—7\/15, axa 26-7.\n• Nukatae Kristotɔwo lɔ̃na ɖe edzi be yoga lɔ nu geɖe ɖe eme wu kamedede dzro aɖe ko eye afɔku le eme?\nTaɖodzinu si le yoga ƒe hehea ŋue nye be wòakplɔ ame ade ƒomedodo kple gbɔgbɔ aɖe si tri akɔ wu amegbetɔ me. Etsi tre ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu le go sia me hã be yoga lɔ eɖoɖo koŋ atsi tamebubu nu ɖe eme. (Romatɔwo 12:1, 2) Yoga ate ŋu akplɔ ame ade gbɔgbɔyɔyɔ kple vivimenuwɔwɔwo ƒe afɔkuwo me. (Mose V, 18:10, 11)—8\/1, axa 20-2.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/w20020815\/%C3%88%C9%96o-%C5%8Aku-Wo-Dzia\/","date":"2023-12-07T02:48:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100632.0\/warc\/CC-MAIN-20231207022257-20231207052257-00280.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978731275,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978731274604797}","num_words":751,"character_repetition_ratio":0.039,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.248,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Yiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi\nGbe ɖeka míeli ko la, dɔ gã aɖe va to. Dɔ la nu sẽ ale gbegbe be Yiyi kple viawo mekpɔ naneke woaɖu o. Yiyi ƒe viwo yi afɔdzi de ge gbe ɖeka eye woyi ɖado go Ɖetsyɔ̃evi ƒe viwo hã le afɔdzideƒe la.\nEsi wonɔ afɔdzi la dem la, Yiyi ƒe viwo mete ŋu nɔ edem o, elebena naneke menɔ dɔ me na wo o. Evɔ la, wokpɔ be Aɖetsyɔ̃evi ƒe viwo ya nɔ afɔdzia dem ŋutɔ. Esi woyi aƒe me la, Yiyi ƒe viwo yi ɖagblɔ nu si dzɔ la na wo fofo. Yiyi tso enumake yi ɖe Ɖetsyɔ̃evi gbɔ hebiae be wòafia afi si wòle nuɖuɖu la kpɔm le la ye hã. Ɖetsyɔ̃evi gblɔ ale si exɔlɔ̃ xeviwo kplɔnɛ yia atsyãti si le tɔ dome la mee eye wogbea atsyã nɛ la na Yiyi. Yiyi da akpe nɛ hedzo yi aƒe me kple dzidzɔ,\nEsi ŋu ke ŋdi kanya la, Yiyi fɔ dzaa yi ɖe xeviawo gbɔ hebia tso wo si be woakplɔ ye ayi atsyãti la tee. Eɖe kuku na xeviawo be woaɣe xefu aɖewo na ye hã, ne yeatsɔ adzo kpli wo ayi teƒe lae. Xeviawo lɔ̃ ɣe fuawo na Yiyi eye wòkplɔ wo ɖo yi teƒe la.\nTeƒe la ɖoɖo kple maɖomaɖo ko la, Yiyi do ɣli be, 'Tso! Fofonye ƒe atsyã boŋ mieva le ɖuɖum gbe sia gbea? Kpɔ ɖa, netsɔ na mi. Mibu le afi sia hafi mami ta!' Xeviawo ƒe mo koe wɔ yaa. Womenya nu si woawɔ o, eya ta ɖeko wodzo kpoo hegblẽ Yiyi ɖeka ɖe afi ma. Gake hafi woadzo la, wo dometɔ ɖe sia ɖe nyɔ eƒe fu le Yiyi ŋu hetsɔ dzoe.\nYiyi lia ati la heɖu atsya la ʋuu va se ɖe esime ɖeɖi te eŋu. Azɔ dzodzo zu agba nɛ. Etsi tɔ dome. Ewɔ ɖɔɖɔɖɔ ɖiɖi ɖe tɔ la me eye wòbia tso lo si be wòakɔ ye atso tɔ lae.\nLo kɔ Yiyi tso tɔ la va ɖo go ɖeka dzi eye wògale agbagba dzem be yeakɔe ayi go mamlɛa dzie. Kasia, Yiyi gblɔ na lo be neɖe abla elabena eƒe dzodome le ʋeʋẽm na ye. Esi lo se nya sia la, dɔ me vee ŋutɔ eya ta lo tsɔ Yiyi do ɖi ɖe tɔ la me enumake eye wòdo le ete.\nAfi ma Yiyi ŋuklẽla la ku ɖo nublanuitɔe.\nEsia tso Aƒetɔ S.K. Amegashie ƒe Gligbalẽ me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/category\/uncategorized\/","date":"2024-03-05T14:02:43Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00869.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977375865,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977375864982605}","num_words":398,"character_repetition_ratio":0.049,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.247,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"New Patriotic Party (NPP) ƒe Kadododzikpɔla tsãtɔ, Nana Akomea ɖee fia be dunyaheha ƒe aflagatsɔla, Dr Mahamudu Bawumia aɖe gbeƒã eƒe kpeɖutɔ hafi ƒedzinu atɔ̃lia na wu enu.\nEɖee fia be fifia la, aflagadzikpɔla meɖo ame aɖeke si di be yeaxɔ ɖoƒea dzi haɖe o si to vovo na nyadzɔdzɔwo ƒe nyatakaka aɖe siwo gblɔ be woɖo ame aɖewo ŋu .\nNana Akomea be wogblẽa amesi aʋli ho la tiatia ɖe aflagatsɔla si. Abu nu geɖe siwo ku ɖe ŋutsu alo nyɔnu nyenye, dzɔtsoƒe, kple amenyenye ŋu. Ne ŋkɔ ɖeka alo eve le esi la, atsɔe ava dunyaheha la gbɔ.\nAme agbɔ sɔsɔ aɖe nɔa anyi ɣesiaɣi, gake eka ɖe edzi be Dr Bawumia meda asi ɖe ame aɖeke dzi haɖe o.\nEyi edzi be John Mahama gblɔ na Ghanatɔwo be ne NPP di be yeaxɔ vote le Dziehe la, ele be woatsɔ Bawumia vɛ si fia kɔte be NDC tɔwo nya le woƒe dzime ke, be ŋutsu sia nye ŋɔdzinu na yewo.\nEde dzesii mlɔeba bena Dr Bawumia ƒe nuƒo kple nufiame siwo gɔme wodzela na be vɔvɔ̃ ɖo NDC tɔwo ale gbegbe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/afenyamedia.com\/akomea-de-dzesii-be-bawumia-a%C9%96e-e%C6%92e-kpe%C9%96ut%C9%94-afia-kpuie\/","date":"2024-02-22T03:12:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707947473690.28\/warc\/CC-MAIN-20240222030017-20240222060017-00191.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993780255,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993780255317688}","num_words":183,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.217,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ne èdo gbe ɖa la, ɖe nèkana ɖe edzi be Mawu senɛa?\nNYA KAE BIBLIA GBLƆ?\nMawu le esem. Biblia ka ɖe edzi na mí be \"Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, etsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. . . . Esea woƒe ɣlidodo.\"—Psalmo 145:18, 19.\nMawu di be nàdo gbe ɖa na ye. Biblia de dzi ƒo na mí be: \"Le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.\"—Filipitɔwo 4:6.\nMawu tsɔa ɖe le eme na wò vevie. Mawu nya míaƒe hiahiãwo kple dzimaɖitsitsiwo nyuie, eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu. Biblia gblɔ be: 'Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.'—1 Petro 5:7.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-18","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2021-jan-feb\/%C9%96e-mawu-sea-w%C3%B2-gbedodo%C9%96awoa\/","date":"2024-04-21T03:34:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-18\/segments\/1712296817699.6\/warc\/CC-MAIN-20240421005612-20240421035612-00893.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995362401,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.995362401008606}","num_words":119,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.271,"stopwords_ratio":0.252,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ January 2014 | Ne Míeku Ko Evɔa?\nNuƒoƒo tso ku ŋu ɖea fu na ame geɖe. Ame akpa gãtɔ ƒe dzimedidie nye be ku negava tu yewo gbeɖe o. Ðe míate ŋu aɖu ku dzia?\nCOVER SUBJECT\nKu dze ŋgɔ mí katã. Vevesese si gbegbe ku dona na ame wɔe be ame geɖe biaa nya tso ku ŋu.\nCOVER SUBJECT\nLe ŋutinya katã me la, amegbetɔwo di mɔ siwo dzi woato aɖu ku dzi. Ðe wòanya wɔ be woaɖu ku dzia?\nCOVER SUBJECT\nNu ka tae Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me la me?\nA CONVERSATION WITH A NEIGHBOR\nBiblia ƒe agbalẽ gbãtɔ ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ míele fu kpem togbɔ be ŋusẽ le esi be wòaɖee ɖa hafi la me.\nAleke wodzɔa nu le gbedoxɔa me le Yesu ƒe ɣeyiɣia me? Ðe Biblia ŋlɔla Luka nye ŋutinyaŋlɔla si ƒe nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛa?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nNyɔnu sia si lɔ̃ mawusubɔsubɔ ŋutɔ la va kpɔ ŋuɖoɖo na nya siwo wòbiana tso nu si ta míekuna kple nu si dzɔna ɖe ame siwo ku dzi ŋu la le Ŋɔŋlɔawo me mlɔeba. Xlẽ nu tso ale si nyateƒea trɔ eƒe agbee ŋu.\nApostoloawo ka ɖe edzi bliboe be kukuawo afɔ ɖe tsitre. Nu ka tae?\nNu kae nènya tso Mawu ŋu? Aleke míawɔ adze sii nyuie wu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe wòhiã be nàkpɔ dzesi tɔxɛ alo axɔ yɔyɔ tɔxɛ aɖe hafi anya tame si Mawu ɖo ɖe wò agbe ŋua? Kpɔ ale si Biblia ɖo eŋui ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140101\/","date":"2017-12-14T10:42:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948543611.44\/warc\/CC-MAIN-20171214093947-20171214113947-00112.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9979172945,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9979172945022583}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.042,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ!\nApril 2014 | Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?\n—Susu Etɔ̃ Siwo Tae Wòle Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe\nÐe wò ŋutɔ alo wò ame nyanyɛ aɖe tee kpɔ be yeawu ye ɖokuia? Ne èkpɔ susu siwo ta wòle be nànɔ agbe ɖo la, ɖewohĩ àtrɔ susu.\nNyatiawo dometɔ aɖewo: du si me wotrɔ asi le ʋutɔkaɖiwo ŋu wowɔa dɔ aduadu, lãmesẽkuxi aɖe si vɔ̃ɖi wu nu nyui makpɔ ɖui kple xe si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ gaƒo viwo.\nHELP FOR THE FAMILY\nAleke nuxlɔ̃ame alo ɖɔɖɔɖo si vena la tea ŋu ɖea vi na amee\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu kae ana ame nabu ku abe velia ene?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNe mate ŋu atrɔ wò nɔnɔmea o hã la, nane li si nàte ŋu atrɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu etɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ agbe.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAbe ale si akaɖi kpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu ene la, mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò susu manɔ nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle la ŋu o.\nINTERVIEW\nMawusubɔsubɔ to le mo na Frédéric Dumoulin eya ta eva zu mawudzimaxɔsela. Aleke Biblia-sɔsrɔ̃ kple nusɔsrɔ̃ tso ale si wowɔ nu gbagbewo ŋu na wòva xɔe se be Wɔla aɖe li?\nLANDS AND PEOPLES\nNu ka tae ame siwo do go zi gbãtɔ yɔa wo nɔewo be efo, davi, tasi, tɔɖia, mama alo tɔgbui?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe ameƒomeviwo katã sɔa? Ðe vovototodede ameƒomeviwo me nu ava yi gbe ɖeka?\nWAS IT DESIGNED?\nKpakpaluʋui si nye Blue Morpho ƒe aʋala dzena abe ɖe wo ŋuti zrɔ̃ ene, gake ne èkpɔe kple nusuekpɔmɔ̃ la, akpɔe be nu wluiwluiwlui aɖewo le eŋuti. Dɔ kawoe wowɔna?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe wòle eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu sia? Afɔku kawoe le eme? Ahiãmoɖoɖo koe wònyea?\nKpɔ nu etɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu akogotsitsi dzi ahadze xɔlɔ̃ vavãwo ɖa.\nDzi ɖena le ame siwo ŋu wowɔ anyra le la dometɔ geɖe ƒo. Nyati sia ɖe nu siwo woate ŋu awɔ be nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo la me.\nAlakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201404\/","date":"2018-01-21T07:43:00Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890314.60\/warc\/CC-MAIN-20180121060717-20180121080717-00166.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983639717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983639717102051}","num_words":358,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.23,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":".\nYiɖe eme\nYiɖe Menu vevitɔ kple Dzesidede dzi\nYiɖe tsɔkpe nyanyananawo dzi\nNudidi ƒe tɔdziʋukuku\nTɔdziʋukuku\nNudidi\nÈva:\nAƒeme\nGododo\n≡\nAƒeme\nŊgɔdonya\nKɔnuwo\nXotutuwo\nXexlemewo\nLododowo\nŊutinyawo\nGlitotowo\nEʋegbefiala\nGododo\nYIƉE AXA-GLI ME\nƉokuiɖeɖefia ŋkɔ\nMɔɖenyati\nDem dzesi emegbe\nƉee èbu Mɔɖenyati la ?\nƉee èbu Ɖokuiɖeɖefia Ŋkɔ la ?\nŊlɔ̃ wò Ŋkɔ na Hameɖoɖoa ?\nEƒe ŋkɔ\nAyo\nÀteŋu wɔ wò biabiawo katã tso Ɖɔ (Site) sia ŋu namí alo àteŋu namí wò ŋuxlɔ̃amenyawo tso alesi míateŋu trɔ alɔ le eʋe Ɖɔ sia nue na eʋeviwo katã, vevietɔ na ame siwo dzi bena yewo ne srɔ̃ Eʋegbe la, le xɔ siwo gbɔna la me. Mìna míwɔe na Eʋe duwo ƒe ŋgɔdede blibo le gbe gbɔgblɔ̃ alo gbedodo me. Tsɔyi edzia, àteŋu wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ̃ wɔnawo heɖo hatsotso sia me hekpɔ nu geɖewo si ga le Ɖɔ sia dzi alo eme. Nuwɔnawo abe alesi woateŋu ŋlɔ̃ eʋegbe tso kɔmpiyuta dzi kple wò kɔmpiyuta nuŋlɔ̃mɔ la alo tso kaƒomɔ dzi. Eʋegbe nusɔsrɔ̃ geɖe bubuawo hã ga le esia me fũu. Akpe nawò\nŊkɔ\nE-mail\nŊlɔ̃ wò nyatiawo ɖe xɔ sia me ...\nTu nyadzɔdzɔwo","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"http:\/\/mi-eweland.com\/index.php\/gododo","date":"2018-01-20T01:02:20Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084888341.28\/warc\/CC-MAIN-20180120004001-20180120024001-00207.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981156588,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981156587600708}","num_words":179,"character_repetition_ratio":0.016,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.202,"stopwords_ratio":0.179,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ—KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ\nAGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO\nNyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe ale si wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi lae le Biblia-gbalẽ si nye Ezekiel la me. Alekee nyagblɔɖi siawo ka míi?\nAGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO\nGBETAKPƆXƆ\nÐe nɔnɔme sesẽ aɖe na nèsusui be agbea maganya nɔ oa?\nBIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM\nEsi Rafika di be yeaho aʋa ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta la, eɖo habɔbɔ aɖe si tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu me. Gake eva srɔ̃e be Biblia do ŋugbe be ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖe Mawu Fiaɖuƒea me.\nGBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA\nDO VEVIE NUXEXLẼ KPLE NUFIAFIA—VIDEOWO\nNu kae nàte ŋu awɔ be nàna wò nyawo sese nadzro wò nyaselawo?\nSRƆ̃ WOƑE XƆSE\nDzidodo nuteƒewɔwɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu si Eliya ɖo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ míaƒe xɔse le ɣeyiɣi sesẽwo me.\nSRƆ̃ WOƑE XƆSE\nYonatan nɔ ŋgɔ na eƒe adekplɔvia wo ame evea ɖeɖe ho aʋa ɖe futɔ asrafoha siwo bla aʋakpa la ŋu, eye esia he aʋadziɖuɖu gã aɖe vɛ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-04","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nu-yeyewo\/","date":"2019-01-17T08:37:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-04\/segments\/1547583658901.41\/warc\/CC-MAIN-20190117082302-20190117104302-00131.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960820675,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996082067489624}","num_words":174,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.194,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.006,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Wova de dzesii be ne míenye akpedalawo la, eɖea vi geɖe na mí le ŋutilã, susu kple seselelãme gome, eya ta anyo be ame sia ame nadze agbagba anye akpedala le eƒe agbe me.\nViɖe kawoe nàkpɔ ne ènye akpedala?\nNYA SI ATIKEŊUTINUNYALAWO GBLƆ\nLe nyati aɖe si wota ɖe agbalẽ aɖe (Harvard Mental Health Letter) me ƒe nya nu la, \"ame siwo daa akpe nyea dzidzɔmewo. Ne míenye akpedalawo la ekpena ɖe mía ŋu míaƒe dzi dzea eme, nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo sua mía si, míenɔa lãmesẽ me, nɔa te ɖe xaxawo nu eye mía kple amewo dome nɔna nyuie.\"\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia de dzi ƒo na mí be míanye akpedalawo. Apostolo Paulo si ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi la gblɔ be: \"Minye akpedalawo.\" Le kpɔɖeŋu me, Paulo 'da akpe na Mawu madzudzɔmadzudzɔe' ɖe ale si amewo xɔ gbedeasi si wògblɔ na wo la ta. (Kolosetɔwo 3:15; 1 Tesalonikatɔwo 2:13) Ne míenyea akpedalawo ɣeawokatãɣi hekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ke menye ɣeaɖewoɣi ko o la, esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ. Eye akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na bubu be míedze na nanewo wu ame bubuwo, míaƒo asa na ŋuʋaʋã kple dzikuléle ɖi si ana amewo naka le mía ŋu si awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me o.\nMía Wɔlaa gɔ̃ hã daa akpe na mí amegbetɔ tsɛwo tsɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí! Hebritɔwo 6:10 gblɔ be: 'Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta be o.' Ɛ̃, mía Wɔlaa buna akpemadamada be enye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ alo be mesɔ o.\nNe míenye akpedalawo la, vi kae wòaɖe na mí kple ame bubuwo?\nNU SI WÒ ŊUTƆ NÈNYA\nNe míeda akpe tso dzi me ɖe nunana, nya tuameɖo aɖe alo kpekpeɖeŋu aɖe ta la, enana amea sena le eɖokui me be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si yewɔ la ŋu eye wòxɔ asi na mí. Amedzrowo gɔ̃ hã wɔa nu ɖe ame siwo womenya o siwo daa akpe na wo ne wowɔ nanewo tsɔ kpe ɖe wo ŋu abe ʋɔtru ʋuʋu na wo be woage ɖe eme ene la ŋu nyuie.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nYesu Kristo gblɔ be: \"Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba akɔ ɖe avɔ me na mi.\" (Luka 6:38) De ŋugble tso Rose, ɖetugbui si nye tokunɔ le Vanuatu si le Anyiehe Pasifik ŋu kpɔ.\nRose dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo, gake kpekpeawo meɖea vi boo nɛ o, elabena mese tokunɔgbe o eye ame aɖeke hã mesee le hamea me o. Esi atsu kple asi aɖe si nya tokunɔgbe ɖi tsa va hamea me la, wode dzesi kuxia eye wodze tokunɔgbe fiafia nɔviawo gɔme. Rose kpɔ ŋudzedze ɖe nu sia ŋu ale gbegbe. Egblɔ be, \"Dzi dzɔam ŋutɔ be xɔlɔ̃ gbogbo siwo lɔ̃m la le asinye.\" Ale si Rose kpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ nɛ ŋu kple ale si wòle gome kpɔm le kpekpeawo me azɔ teƒe kpɔkpɔ naa dzi dzɔa atsu kple asia ŋutɔ. Rose kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo hamea me tɔwo hã dze hesrɔ̃ tokunɔgbe ale be woate ŋu aɖo dze kplii la ŋu vevie.—Dɔwɔwɔwo 20:35.\n\"Ame si saa akpedavɔ la, eyae [doa Mawu] ɖe dzi.\"—Psalmo 50:23.\nAleke nàwɔ anye akpedala?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMíaƒe seselelãmewo do ka kple nu siwo ŋu míebuna. Biblia ŋlɔla David do gbe ɖa na Mawu be: \"Mede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu; mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.\" (Psalmo 143:5) Ɛ̃, David ƒe susu nɔa nu ŋu eye wòléa ŋku ɖe nu ŋu hã. Esi David tu nɔnɔme si nye ŋugbledede tso Mawu ƒe mɔwo ŋu ɖo edziedzi le eƒe agbe me katã tae wònye akpedala ɖo.—Psalmo 71:5, 17.\nBiblia ɖo aɖaŋu nyui sia na mí be: 'Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.' (Filipitɔwo 4:8) Nya siwo nye \"minɔ nu siawo ŋu bum\" gahe susu yi ale si wòhiã be míanɔ ŋugble dem edziedzi si awɔe be míanye akpedalawo dzi.\n\"Nye dzimesusuwo aɖe gɔmesese afia.\"—Psalmo 49:3.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2016-october\/biblia-gbl%C9%94-akpedada-%C5%8Bu\/","date":"2019-06-19T19:25:33Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999040.56\/warc\/CC-MAIN-20190619184037-20190619210037-00257.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.996694386,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966943860054016}","num_words":681,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.211,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Míaƒe Dukɔwo Dome Takpekpewo Kple Takpekpe Tɔxɛwo\nLe blema la, Mawu subɔlawo ɖua ƒe sia ƒe zãwo hewɔa takpekpe bubuwo, eye esia nyea dzidzɔɣi siwo doa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.–2 Mose 23:15, 16; Nehemiya 8:9-18.\nEgbea, Yehowa Ðasefowo wɔa takpekpe gãwo ƒe sia ƒe, siwo faa akɔ na wo hedea dzi ƒo na wo le gbɔgbɔ me, eye wònaa mɔnukpɔkpɔ wo be woade ha kple wo nɔvi Kristotɔwo akpɔ dzidzɔ ɖekae. Dukɔwo dome takpekpe kple takpekpe tɔxɛ siwo míewɔna le dukɔ vovovowo me la nyea mɔnukpɔkpɔ be míaɖi ɖase na amewo ahana woakpɔ ale si míaƒe habɔbɔa nye dukɔwo dome habɔbɔ, eye wònana míekpɔa ale si xexe yeyea me nɔnɔ avivii.\nEnye dzidzɔ na mí be míana nànya du siwo me míawɔ takpekpe siawo le.\n2020\nCzech Republic (Répubique tchèque)\nPrague\nDominican Republic (Répubique dominicaine)\nSanto Domingo\nFinland\nHelsinki\nNicaragua\nManagua\nNigeria\nAbuja\nParaguay\nAsunción (Assomption)\nSwitzerland (Suisse)\nZurich\nTogo\nLomé\n2019\nSouth Africa\nJohannesburg\nAmerika\nAtlanta\nArgentina\nBuenos Aires\nEcuador (Équateur)\nGuayaquil\nAmerika\nHouston (Eŋlisigbe)\nAmerika\nHouston (Spaingbe)\nAmerika\nMiami (Eŋlisigbe)\nAmerika\nMiami (Spaingbe)\nMexico\nMonterrey\nAmerika\nPhoenix\nBrazil\nSão Paulo\nAmerika\nSt. Louis\nCanada\nToronto\nPhilippines\nManila\nSouth Korea (Corée du Sud)\nSeoul\nGreece\nAthens\nGermany (Allemagne)\nBerlin\nDenmark\nCopenhagen\nPortugal\nLisbon\nSpain (Espagne)\nMadrid\nFrance\nParis\nNetherlands (Pays-Bas)\nUtrecht\nPoland (Pologne)\nWarsaw (Varsovie)\nAustralia\nMelbourne","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-51","url":"https:\/\/www.jw2019.org\/?lang=ee","date":"2019-12-15T09:51:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-51\/segments\/1575541307813.73\/warc\/CC-MAIN-20191215094447-20191215122447-00127.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978951812,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":8,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978951811790466}","num_words":214,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.198,"stopwords_ratio":0.14,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nJune 2013 | Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O\n—Ɣekaɣie Wòava?\nMawu ɖeɖe koe ate ŋu aɖe nazãbubu ɖa keŋkeŋ le xexea me. Aleke wòle ewɔ ge, eye ɣekaɣie?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu kae nye nazãbubu? Nu ka tae woate ŋu agblɔ be enye kuxi le ame sia ame ŋu eye wòxɔ aƒe ɖe xexea me katã?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAgbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ɖe ale si Biblia le kpekpem ɖe amewo ŋu fifia gɔ̃ hã wole nazãbubu dzi ɖum la fia. Ɣekaɣie woaɖee ɖa keŋkeŋ?\nDRAW CLOSE TO GOD\nMawu sea esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo, eɖanye ŋutigbalẽ ka kee le wo ŋu, dukɔ ka ke mee wòtso alo ɖoƒe ka kee woɖale o, eye wòwɔa woƒe biabiawo dzi na wo. Aleke míewɔ nya?\nXlẽ nu tso ale si wowɔ ke ɖe Biblia siwo gɔme woɖe ɖe Georgiagbe me la ƒe xoxotɔ ŋui la ŋu.\nNya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa na ame kɔkɔewo ŋu la ku ɖe nyabiase sia hã ƒe ŋuɖoɖo ŋu: Ðe wòle be nàvɔ̃ be nàdo gbe ɖa na Mawua?\nTEACH YOUR CHILDREN\nHafi Yesu naku la, edo ŋugbe na adzodala aɖe si ɖo kudonu la be ava nɔ Paradiso me. Yesu ƒe nyaa gɔme ɖe, eye aleke Paradiso ma anɔ?\nTogbɔ be amegbetɔwo le agbagba dzem vevie hã la, womete ŋu he ŋutifafa va xexea me o. Xlẽ nu tso nu si tae la ŋu.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso ale si bubudede amewo ŋu nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesii la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130601\/","date":"2020-01-25T17:46:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251678287.60\/warc\/CC-MAIN-20200125161753-20200125190753-00024.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966324568,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99663245677948}","num_words":249,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.257,"flagged_words_ratio":0.008,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! April 2015 | Nu Ka Tututue Dzɔ Ðe Vihehe Dzi?\nEdze abe dzila siwo dina be yewoafia nɔnɔme nyuiwo yewo viwo la ƒe nuwɔna tsia tre ɖe nu si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖo la ŋu ene. Aleke wòdzɔe be nuwo va le alea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe nɔnɔme aɖe si dze egɔme le ƒe 1960 me la gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe vihehe dzi egbea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBiblia ƒe mɔfiame atɔ̃ aɖewo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe vi na ƒomewo.\nLANDS AND PEOPLES\nXlẽ nu ʋɛ aɖewo tso Titina Amerika du sia ƒe dekɔnuwo ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nNu si akogotsitsi enuenu gblẽna le ame ŋu sɔ kple nu si sigarɛt-ti 15 nono gbe sia gbe gblẽna le ame ŋu. Aleke nàwɔ aƒo asa na sese le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ɖi yetsi akogo?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAleke wòle be amegbetɔwo nawɔ nu ɖe lãwo ŋu?\nÐo nyabiase bɔbɔe ene siawo ŋu ne nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.\nWAS IT DESIGNED?\nNu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va le nu siwo wɔa dɔ abe dadi ƒe nufuwo ene dem robotwo ŋu?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201504\/","date":"2020-05-31T17:25:04Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347413551.52\/warc\/CC-MAIN-20200531151414-20200531181414-00177.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978065491,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978065490722656}","num_words":181,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ March 2013 | Yesu Ƒe Tsitretsitsi La—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?\nÐe Yesu ƒe tsitretsitsia aɖe vi na wò le mɔ aɖe nu egbea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nEsi wònye be Yesu ƒe tsitretsitsia nye Biblia ƒe nufiafia vevi aɖe ta la, ehiã be míanya nenye be edzɔ vavã.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBu eŋu kpɔ ko be àte ŋu anɔ agbe si nuwuwu manɔe na o, si me vevesese, fukpekpe, alo blanuiléle manɔ o.\nAleke ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hena ɖiɖi? Ðe woɖi Yesu abe ale si Yudatɔwo ɖia ame kukuwoe enea?\nOUR READERS ASK\nYesu do ŋugbe na nu vlo wɔlaa be: \"Ànɔ Paradiso me kplim.\" Eƒe nyaa gɔme ɖe?\nAGBEMEŊUTINYA\nOlivier do go kuxi tɔxɛwo, le esi wònye tokunɔ ta. Xlẽ nu tso ale si Yehowa kpe ɖe eŋui la ŋu.\nDRAW CLOSE TO GOD\nWoate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖɔ nu si Mawu di tso mía si.\nTEACH YOUR CHILDREN\nXlẽ nu tso nu si tae wotsɔe ke ame ɖeka gake wometsɔe ke ame kemɛa o ŋu.\nNu ka tae woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo? Ɣekaɣie wowɔe?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nTaflatsɛ kpɔ ale si míeto vovo na subɔsubɔha bubu siwo hã woyɔna be Kristotɔwoe la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20130301\/","date":"2021-06-25T08:58:11Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487630081.36\/warc\/CC-MAIN-20210625085140-20210625115140-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963834882,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963834881782532}","num_words":211,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.233,"stopwords_ratio":0.199,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ November 2014 | Ðe Satana Li Ŋutɔŋutɔa?\nNe Satana meli ŋutɔŋutɔ o la, ekema ɖe woflu ame siwo vɔ̃nɛ la. Gake ne ameblela si flua ame ye Satana nye la, ekema evɔ̃ɖi wu ale si ame geɖe susui.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nVɔ̃ɖinyenye ko Satana le tsitre ɖi na loo alo gbɔgbɔmemee wònye?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBiblia me ŋutinya eve aɖewo ɖo nya sia ŋu eme kɔ nyuie.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMawu wɔ ɖoɖo ene siwo akpɔ mía ta tso Satana ƒe amedzidzedzewo me.\nA CONVERSATION WITH A NEIGHBOR\nBiblia me nyagblɔɖi kple drɔ̃e si Mawu na Babilon fia ku la na míenya ɣeyiɣi si fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme.\nIMITATE THEIR FAITH\nAleke Yosef wɔ nɔ te ɖe agbagba si Potifar srɔ̃ dze vevie be yeable enu la nu?\nEsi Yesu te ŋu fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre la, nu kae esia ɖe fia tso nu siwo ƒe ŋugbe wòdo be yeawɔ na mí le etsɔme la ŋu?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAfi kae Satana dzɔ tso? Xlẽ nu tso nu si tae Yesu gblɔ be Abosam \"meli ke ɖe nyateƒe la me o\" la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141101\/","date":"2021-06-24T22:48:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488559139.95\/warc\/CC-MAIN-20210624202437-20210624232437-00461.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998015821,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.998015820980072}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.25,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Eʋegbe\nEnglish\ndzi | heart\nDɔwɔwɔwo:\nDzi tutua ʋu ɖo ɖe lãme ƒe akpa sia akpa.\naklã | liver\nDɔwɔwɔwo:\nAklã nye teƒe si lãme srana nuɖuɖu me lena hekpɔa nunyiamewo. Eɖea aɖiwo tso míaƒe ʋu kple lãmewo me eye wònana dzoxɔxɔ míaƒe lãme.\nveve\nDɔwɔwɔwo:\nbile\nvevegoe\nDɔwɔwɔwo:\nVevegoe kpena ɖe míaŋu hedia teƒe na veve va se ɖe esime wòhiã be nuɖuɖu na gbã le lãme.\ngallbladder\naɖuɖɔtoe\nbladder\nsusu | brain\nDɔwɔwɔwo:\nSusu nye nusi kpɔa nu gbagbewo ƒe zɔzɔ kple ʋaʋa tso teƒe yi teƒe, alɔ̃, dɔwuae, tsikɔwuame kple nu bubu ɖe sia ɖe wɔwɔ si hiã na nu gbagbewo ƒe agbenɔnɔ dzi.\nahɔhɔ̃\nbrain\ndzitodzito\nDzitodzito nye nu si kpena ɖe míaŋu be míete ŋu gbɔna ya. Etsɔna alo hea ya tso xexe (yame) vaa míaƒe lãme eye wòkakana ya si le dodom tso míaƒe lãme ɖoɖe xexe (yame).","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/nutis.org\/amegbet%C9%94-%C6%92e-lamenuwo-the-internal-organs-of-the-human\/","date":"2023-09-26T03:15:31Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510130.53\/warc\/CC-MAIN-20230926011608-20230926041608-00553.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983985424,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983985424041748}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.216,"stopwords_ratio":0.241,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"\"Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa\"\nAgbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàyi edzi anɔ agbe ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu le wò agbe me ale be nàte ŋu anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.\nYehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha La le nu xlɔ̃m ame siwo katã lɔ̃ Yehowa la be woasrɔ̃ Yesu, ame si yi edzi nɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃ la me, ƒe kpɔɖeŋu.\nTA 1\nLe nyagbe ɖeka ko me la, Biblia fia ale si nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ Mawu.\nTA 2\nÐe wòate ŋu adzɔ be míaƒe dzitsinya maɖe fu na mí le nane me o evɔ manɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume oa?\nTA 3\nYehowa ɖɔa ŋu ɖo le ame siwo anye exɔlɔ̃wo la tiatia me, ele be míawo hã míawɔ nenema.\nTA 4\nŊɔŋlɔawo ɖe go vevi etɔ̃ siwo me Mawu bia tso mía si be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu le la fia.\nTA 5\nMawu ƒe Nya la ɖe mɔ atɔ̃ siwo nu míaganye xexea ƒe akpa aɖeke o la fia.\nTA 6\nNyabiase etɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɔ tiatia nyui.\nTA 7\nÐe esia bia nu geɖe wu asaƒoƒo na amewuwu koa?\nTA 8\nBiblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɔna siwo ana mànɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume o.\nTA 9\nƑe sia ƒe la, Kristotɔ akpe geɖewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Aleke nàwɔ aƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ sia ƒe mɔ̃?\nTA 10\nAleke nàdzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze ŋui? Ne èɖe srɔ̃ xoxo la, nu kae nàwɔ be wò srɔ̃ɖeɖe nali ke?\nTA 11\nNyabiase ade siwo nàtsɔ adzro ɖokuiwò me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò srɔ̃ɖeɖe nanyo ɖe edzi.\nTA 12\nWò nuƒoƒo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu alo atu ame ɖo. Srɔ̃ ale si nàzã nuƒoƒo ƒe nunana la le mɔ si dzea Yehowa ŋu la nu.\nTA 13\nAzãɖuɖu kple wɔna aɖewo siwo dzena abe ɖe wotsɔ wo dea bubu Mawu ŋu ene la doa dziku nɛ boŋ.\nTA 14\nHafi míate ŋu aɖi anukware na amewoa, ele be míaɖe afɔ aɖe gbã.\nTA 15\nBiabia vevi atɔ̃ aɖewo ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɔ be yelɔ̃ awɔ dɔ aɖe alo masɔ o.\nTA 16\nMíenya be ŋusẽ le Satana si, gake míenaa esia xɔa susu me na mí o. Nu ka tae?\nTA 17\nAfɔ etɔ̃ siwo nàɖe be wòakpe ɖe ŋuwò naò xɔse nasẽ ɖe edzi be nàyi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.\nMEGBENYAWO\nÐe wòhiã kokoko be míatso kadodo ɖe sia ɖe me kple ame si woɖe le ha mea?\nMEGBENYAWO\nBiblia ƒo nu tso nu etɔ̃ akpe ɖe ŋuwò naɖo biabia sia ŋu la ŋu.\nMEGBENYAWO\nŊɔŋlɔawo me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɛ nanɔ asiwò le nya siawo me?\nMEGBENYAWO\nNe èɖe afɔ vevi ʋɛ aɖewo la, àte ŋu anɔ te ɖe atikewɔnya sesẽ siwo dze ŋgɔ wò la nu dzidzedzetɔe.\nMEGBENYAWO\nAleke nàwɔ aɖu numame makɔmakɔ sia dzi?\nMEGBENYAWO\nLe Biblia ƒe nya nu la, ɣekaɣie ame si gbe srɔ̃a avo aɖe ame bubu?\nMEGBENYAWO\nCan a Christian ever file a lawsuit against a fellow believer?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/mawu-%C6%92e-l%C9%94l%C9%94%CC%83\/","date":"2017-12-13T20:07:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948530668.28\/warc\/CC-MAIN-20171213182224-20171213202224-00309.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9969110489,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9969110488891602}","num_words":516,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.221,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Mawu Fiaɖuƒea nye dzi ƒe nɔnɔme si le ame sia?\n\"Mèle adzɔge tso Mawu fiaɖuƒe la gbɔ o.\"\n—Marko 12:34.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme geɖewo xɔe se be Mawu Fiaɖuƒea nye \"Mawu ƒe dziɖuɖu le ame ƒe dzi kple eƒe agbenɔnɔ me,\" abe ale si Kristodukɔa ƒe sɔlemeha gã aɖe gblɔe ene.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nKe nu kae nya si Yesu gblɔ be \"Mawu fiaɖuƒe la le mia dome\" la fia? (Luka 17:21) Yesu ƒe nyawo mate ŋu afia be ɖe wònɔ gbɔgblɔm be Fiaɖuƒea le yeƒe nyaselawo ƒe dzi me o. Nu ka tae? Elabena ɣemaɣi la, Farisitɔwoe wònɔ nu ƒom na. Yesu gblɔ be ame siawo makpɔ gome le Fiaɖuƒe la me o, elabena wowɔa alakpanu le woƒe subɔsubɔ me, eye esia na be woƒe subɔsubɔ medze Mawu ŋu o. (Mateo 23:13) Ke hã, esɔ be Yesu nagblɔ na wo be Mawu Fiaɖuƒe la le \"mia dome.\" Nu ka tae? Elabe ɣemaɣi la eya ame si anye Fiaɖuƒea ƒe Fia la le tsitre ɖe wo dome.\nNu kae nye Mawu Fiaɖuƒea?\n\"Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.\"\n—Mateo 6:10.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMawu Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si Mawu ɖo anyi, eye Yesu Kristo ye nye eƒe Dziɖula. (Mateo 28:18; 1 Timoteo 6:14, 15) Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi. (Mateo 6:10) Mawu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ to Fiaɖuƒea dzi. Fiaɖuƒea awɔ dɔ si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ gbeɖe o.\nLe Mawu Fiaɖuƒea te la, ameƒomea anɔ ŋutifafa me, woanɔ dedie, eye woƒe dzi adze eme bɔkɔɔ le paradisonyigba dzi. (Psalmo 46:10; Yesaya 35:1; Mixa 4:4) Ame aɖeke magadze dɔ alo aku o, eye woaɖe dɔléle ɖa keŋkeŋ. (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4) Eye amegãkuku kple nyagãkuku gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Biblia gblɔe ɖi be: \"Dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.\"\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nÀte ŋu anye Mawu Fiaɖuƒea te vi ne èwɔa nu si Mawu di tso asiwò, metsɔ le ƒome si me nètso alo afi si wodzi wò ɖo la me o. Biblia gblɔ be: \"Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.\"\nÐe amegbetɔwo ate ŋu ahe Mawu Fiaɖuƒea vɛ to woƒe agbagbadzedzewo dzia?\n\"Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.\"\n—Daniel 2:44.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme aɖewo xɔe se be amegbetɔwo aɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi ɖe anyigba dzi, eɖanye to dzimetɔtrɔ na amewo loo alo to agbagbadzedze be ŋutifafa kple nɔviwɔwɔ naxɔ anyigba bliboa dzi me o.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMawue aɖo Fiaɖuƒea anyi, ke menye amegbetɔ o. (Daniel 2:44) Mawu gblɔ le Fiaɖuƒea ŋu kɔɣi be: \"Ke nye la meɖo fianye.\" (Psalmo 2:6) Amegbetɔwo mate ŋu aɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi o, eye womate ŋu ado kplamatsɛ eƒe dɔwɔwɔwo hã o, elabena dziƒoe wòanɔ aɖu anyigba la dzi.\nNU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?\nEsɔ le dzɔdzɔmenu be amegbetɔwo nakpɔ mɔ be yewoahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ avɛ gbe ɖeka. Ðewohĩ ètee kpɔ agbadree be yeaɖo taɖodzinu sia gbɔ gake ɖeko nèdo kpo nu, eye dzi ɖe le ƒowò. Enyanya be Mawu ƒe ŋusẽ le megbe na dziɖuɖu sia ana nàtsɔ ɖokuiwò ade Fiaɖuƒe sia te ahazã wò ŋusẽ le mɔ si aɖe vi wu nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/g201307\/%C9%96e-mawu-fia%C9%96u%C6%92e-nye-dzi-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94me-si-le-ame-sia\/","date":"2018-01-17T14:22:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084886939.10\/warc\/CC-MAIN-20180117122304-20180117142304-00233.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971071482,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971071481704712}","num_words":551,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.24,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 2 2017 | Nu Kae Le Megbe Na Vivimeŋusẽwo?\nEgbea filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe.\nNu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋusẽwo kple nu si tututu le megbe na vivimeŋusẽ mawo ŋu la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nŊutsu adzetɔwo, nyɔnu adzetɔwo, vampayawo, trɔ̃ƒoƒo kple ŋɔliwo—nye gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna siwo ŋu amewo doa vivi ɖo la dometɔ aɖewo. Nu kae na amewo doa vivi ɖe wo ŋu?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nTogbɔ be ame geɖe kea ɖi le nu sia nu si ku ɖe vivimeŋusẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu hã la, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ŋu vevie. Nu ka tututue Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu, eye nu ka tae?\nWAS IT DESIGNED?\nAle si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la na wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.\nHELP FOR THE FAMILY\nAme dzila ƒe ku vena ale gbegbe. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe seselelãmekuxi vovovo siwo kplɔnɛ ɖo nu?\nAleke Biblia kpe ɖe sɔhɛ etɔ̃ aɖewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe ƒometɔ aɖe ƒe ku nu?\nLANDS AND PEOPLES\nAme ƒomevi vovovowo kple nu vovovowoe le Spain. Spain ye wowɔa ami si wonya le xexea me wu la le.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAme geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi. Atitsoga ŋue Yesu ku ɖoa? Ðe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zã atitsoga le woƒe Mawu subɔsubɔ mea?\nSrɔ̃ nu tso nu si nèhiã kple nu si mèhiã o ŋu ale be nàte ŋu ase eme nyawo gɔme.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nSɔhɛ aɖewo gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/","date":"2018-02-22T21:28:29Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891814290.11\/warc\/CC-MAIN-20180222200259-20180222220259-00444.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976847768,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976847767829895}","num_words":312,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ May 2015 | Ðe Nuwuwua Gogoa?\nNe èse wogblɔ be \"Nuwuwua gogo!\" la, nu kae vaa susu me na wò? Ðe nu si vaa susu me na wò nana nèvɔ̃na?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe nènya be nya nyui koŋ ye nye nya si Biblia gblɔ tso \"nuwuwu la\" ŋua?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nXlẽ nu tso xexea ƒe nuwuwu ƒe dzesia ƒe akpa vevi ene ŋu be nàkpɔ ale si Biblia ɖo eŋui.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nGake nu kae wòle be nàwɔ? Ðe wòle be nàƒo nu siwo ahiã wò la nu ƒu loo alo ɖe wòahiã be nàdi ŋutilãmenu bubuwo ada ɖe alɔdzi le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ta?\nÐe blemaduwo nɔƒe ŋuti numekukuwo wɔ ɖeka kple Biblia me nyawoa? Ɣekaɣie dzatawo nu yi le anyigba siwo dzi woŋlɔ Biblia le dzi?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nAmefuflu va zu nu mame na Normand Pelletier abe atike muame ene. Gake esi wòxlẽ mawunyakpukpui aɖe le Biblia me la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ enumake.\nIMITATE THEIR FAITH\nNe ŋuʋaʋã, nugbeɖoɖo, alo fuléle gblẽ miaƒe ƒomea ƒe ŋutifafa me kpɔ la, Yosef ƒe ŋutinya si le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.\nNu ka tae Ʋɔnudrɔ̃gbe la axɔ ƒe 1,000?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nXlẽ nu tso nu siwo nàte ŋu akpɔ mɔ na be Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ ne ele dzi ɖum ɖe anyigba dzi la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150501\/","date":"2018-06-19T15:15:18Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267863043.35\/warc\/CC-MAIN-20180619134548-20180619154548-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987080097,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987080097198486}","num_words":232,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.236,"stopwords_ratio":0.267,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ October 2015 | Ðe Nu Nyui Aɖe Dona Tso Gbedodoɖa Mea?\nAgbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, gbedodoɖa le abe nuƒoƒo na aƒemelã si womlã ene. Nyateƒee wònye vavã?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNe ènya nu siwo ŋu amewo doa gbe ɖa le la, ɖewohĩ awɔ nuku na wò.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nHafi Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, nu vevi eve aɖewo hiã.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nGbedodoɖa nana míekpɔa viɖe siwo míagate ŋu akpɔ to mɔ bubu aɖeke dzi o.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nViɖe kawoe nàte ŋu akpɔ mɔ na ne èdoa gbe ɖa edziedzi?\nKuxi kawoe Herodes do goe esime wònɔ asi trɔm le Yerusalem gbedoxɔa ŋu? Nu ka tae Malta ƒukpoa dzi tɔwo susu be amewulae apostolo Paulo nye?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nJulio Corio dze afɔku vevie si na wòse le eɖokui me be Mawu metsɔ ɖeke le eme na ye o. Nya si le 2 Mose 3:7 kpe ɖe eŋu wòtr�� eƒe susu.\nLe nyateƒe me la, nu siwo gɔme màte ŋu ase le Mawu ŋu gbeɖe o la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànyae nyuie wu.\nANCIENT WISDOM FOR MODERN LIVING\nÐe tsɔtsɔke fia be míasusu be nu si amea wɔ la medze vɔ̃ o alo míaŋe aɖaba aƒu nu si wòwɔ la dzia?\nAme kae ate ŋu aɖe ahedada ɖa?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe Halloween nye azãɖuɖu si megblẽa nu le ame ŋu oa? Alo ɖe wògblẽa nu le ame ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151001\/","date":"2018-12-14T13:13:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376825728.30\/warc\/CC-MAIN-20181214114739-20181214140239-00273.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960731864,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960731863975525}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.232,"stopwords_ratio":0.208,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.991,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu le agbalẽwo kple filmwo me eye wodzena le nutatawo hã me. Gake ame kawoe mawudɔlawo nye eye dɔ kae wowɔna?\nAme kawoe nye mawudɔlawo?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nHafi Mawu nawɔ xexea kple ame gbãtɔwo la, edo ŋgɔ wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ nyanu gbogbo aɖewo. Wosẽ ŋu wu amegbetɔwo eye wole teƒe si Mawu ŋutɔ le—amegbetɔwo mate ŋu ayi teƒe ma alo akpɔ teƒe si wole kple ŋku o. (Hiob 38:4, 7) Biblia yɔ nuwɔwɔ deŋgɔ siawo be \"gbɔgbɔwo\" kple \"mawudɔlawo.\"—Psalmo 104:4. *\nMawudɔla nenie li? Wosɔ gbɔ ŋutɔ. Mawudɔla siwo ƒo xlã Mawu ƒe fiazikpuia ƒe xexlẽme nye \"akpe ewo teƒe akpe ewowo\" alo \"akpe teƒe akpewo.\" (Nyaɖeɖefia 5:11) Ne míabu xexlẽme sia be enye xexlẽme ŋutɔŋutɔ la, ke efia be mawudɔla miliɔn alafa gbogbo aɖewoe li!\n\"Mekpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo ƒo xlã fiazikpui la . . . , eye woƒe xexlẽme nye akpe ewo teƒe akpe ewowo kpakple akpe teƒe akpewo.\"—Nyaɖeɖefia 5:11.\nDɔ kae mawudɔlawo wɔ le blema?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nZi geɖe la, mawudɔlawoe Mawu dɔna wogblɔa eƒe gbedeasiwo na amewo. * Wogblɔ tso wo ŋu le Biblia me be Mawu dɔa wo wowɔa nukunuwo. Mawu dɔ mawudɔla aɖe be woayra Abraham eye wòaxe mɔ nɛ be wòagatsɔ via Isak asa vɔe o. (1 Mose 22:11-18) Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le ŋuve aɖe me eye wògblɔ gbedeasi aɖe si ana nɔnɔmea natrɔ na amewo la nɛ. (2 Mose 3:1, 2) Esi wotsɔ nyagblɔɖila Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe dome la, \"Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva mia nu na dzatawo.\"—Daniel 6:22.\n\"Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui [fia Mose] le dzoƒaɖe me le ŋuve aɖe me.\"—2 Mose 3:2.\nDɔ ka wɔmee mawudɔlawo le fifia?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nYehowa na blemafofo Yakob ku drɔ̃e eye wòkpɔ mawudɔlawo wonɔ \"atrakpui\" aɖe si ɖatɔ dziƒo la liam nɔ dzi yim ganɔ ɖiɖim. (1 Mose 28:10-12) Ðewohĩ drɔ̃e ma na Yakob ƒo nya ta be Yehowa Mawu dɔa eƒe dɔlawo ɖe anyigba dzi be woakpe ɖe esubɔla wɔnuteƒe siwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu la ŋu, eye míawo hã míate ŋu aƒo nya ta alea.—1 Mose 24:40; 2 Mose 14:19; Psalmo 34:7.\n\"Woda atrakpui aɖe ɖe anyigba, si ƒe tame ɖatɔ dziƒo; eye Mawu ƒe dɔlawo le eliam le dzi yim gale ɖiɖim.\"—1 Mose 28:12.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2017-june\/nya-si-biblia-gbl%C9%94-mawud%C9%94lawo\/","date":"2018-12-12T14:48:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823895.25\/warc\/CC-MAIN-20181212134123-20181212155623-00127.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977654815,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977654814720154}","num_words":355,"character_repetition_ratio":0.062,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.263,"stopwords_ratio":0.214,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpɔ videowo wɔdɔɖamedziwo.\nBiabia siwo vana kabakaba kuɖe míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu.\nMawunyagbalẽwo mamã le xexeame.\nMawu gale gbedodoɖa ŋu ɖom. Doe kpɔ eye nakpɔ nusi adzɔ.\nƉe Mawu dzudzɔ nyagblɔɖilawo dɔdɔ ɖa esime woŋlɔ Biblia ƒe nyati mamlɛwoa?\nƉe biabia aɖewo le asiwòa?\nTHEMESSAGE.COM\n07BP7221\nLome -Togo\nTHEMESSAGE.COM\n5911 Charlestown Pike\nJeffersonville, IN 47130 USA\n228 22510964\nemail@example.com","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"http:\/\/themessage.com\/ee\/home","date":"2018-12-12T06:22:51Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376823738.9\/warc\/CC-MAIN-20181212044022-20181212065522-00281.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971821904,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":6,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971821904182434}","num_words":55,"character_repetition_ratio":0.035,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.127,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ May 2014 | Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Anya Etsɔmea?\nNya sia ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nànɔ agbee.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme kae gblɔa etsɔme ɖi eye wòvaa eme ɣesiaɣi?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nEtsɔme ŋuti nyagblɔɖi si dzi míate ŋu aka ɖo la li.\nA CONVERSATION WITH A NEIGHBOR\nNe woxɔ edzi se la, ke nu ka tae womeyɔa wo ɖokuiwo be Yesu ƒe Ðasefowo o?\nNu ka tae Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe Yesu ƒe afɔwo? Ðe wòate ŋu anya wɔ be David nada akafokpe ɖeka atsɔ awu Goliat nyateƒea?\nIMITATE THEIR FAITH\nKpɔɖeŋu si Maria, Yesu dada, ɖo ɖi la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle veve sem abe \"yi legbe\" ye woƒo ɖe wò ene.\nNe Mawue le xexea dzi ɖum la, ke nu ka tae míele fu kpem alea gbegbe ɖo?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBiblia-ŋlɔla geɖe gblɔ be Mawue gblɔ nu si yewoŋlɔ la na yewo. Nu ka ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140501\/","date":"2019-06-19T16:22:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627999000.76\/warc\/CC-MAIN-20190619143832-20190619165832-00156.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985933304,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9985933303833008}","num_words":165,"character_repetition_ratio":0.069,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"2.\nASITSALAWO ƑE GBEDODOƉA ƑE SAFUI\nASITSALAWO ƑE GBEDODOƉA ƑE SAFUI\nNe amea nye asitsala tsã, eye megale dziyiyi kpɔm o la, ekema netɔ te asidede la ŋkeke etɔ alo atu eƒe agbo la. Le ŋkeke etɔ̃ siawo me la, wòabla nu kple gbedodoɖa sia zã kple keli. Ne ŋkekea de la, wòatsɔ ahɔnɔe kple bli ayi, awɔ lɔlɔ̃nu nunanae na xenyilawo.Eye le esia megbe la, wòaʋu agboa alo agayi asia dede dzi.Ke wòatsri amebaba, fififi, xɔɖedzi, nu howui dzadzra, klpe alakpadada.Le ƒe sia ƒe ƒe nuwuwu la, wòayɔ hanuɖuɖu. Ke ame si wòsese na la, nayɔ hanuɖuɖu le ɣleti etɔ̃ sia ɣleti etɔ̃ ƒe nuwuwu.Alea ko wòle be ame si le egɔmedzem la hã na wɔ. Eyw wòaɖo ŋku nu ewolia nanawo dzi pepepe. Mal. 3, 7-10.\nNe amea wɔ esia, gake dziyiyi meva nɛ o la, ekema nekpɔ Nunɔlawo kple Nyagbɔɖilawo ne woalé avu nɛ.\nGBEDODOƉA LA ŊUTƆ\nMia Mawu ŋusẽwo katãtɔ, Ẁ amenuvevewo katã ƒe agbo, asi wò me míaƒe nuwo katã tsona. Ènana legbeƒe kple kpuiƒewo dzeasi wò xɔxɔ. Wò simee bunɔ kple amemazɔmzɔwo katã kpɔa woƒe nuɖuɖu kple nunonowo tsone; le esia ta wòdze ŋuwò be, nye hã mava zu asitsala.\nEyata Oo Fofo na lãmesesẽm, be na mate ŋu akpɔ nɔƒe le agbowo me na nye asitsanuwo. Eye kpeɖe ŋunye bena asisiwo ƒe ŋuku nanɔ ŋunye; bena asi nagadzo le nye nudzadzrawo gbɔ o. Na mɔ nye ŋutɔ hã, bena makpɔ lamesesẽ hena kpuiƒe kple adzɔgetɔwo gbɔ dede; bene nuhiahia nasu teƒeawo katã. Na nye dɔwɔwɔ sia nazrɔ̃ mo nawò le dziwo kpɔkpɔ nu abe wò xɔnuvi ene; bena xɔɖedzi, amebaba kple fififi ƒe susuwo nate ɖa tso gbɔnye. Megana hokpɔkpɔ fũ ƒe akɔlɔ̃e naɖo nye ŋkuyiwo dzi o, bena ne nye ŋkɔ, si meyɔ tɔ ɖe ŋuwò la nanɔ dedie.\nNa wò mɔɖenametso gbe sia gbe ƒe nunana suesuewo ŋu nadze ŋunye, eye makafu wo. Ke nuɖeka ko mele biawòm, Oo nye Ɖela, bena megana fenyinyi kple agbawoƒe tsɔtsrɔ nava dzi nye o. Kplɔm to esiawo ƒe dzɔgbevɔ̃e ƒe ʋewo dzie. Ne nya magasusu be, Oo Fofo ke ɖe ne ŋlɔm be o he. Elabena nuŋlɔbe ƒe ŋkɩ mele tawò o.Eye ɖeɖiteameŋu ƒe kawo mele wò abɔ me o. Ale wò dɔmenyonyo ƒe vudowo nu metsona o.\nOo Fofonye, Israel fe nyila, tia xɔlɔ̃ nyui kple dɔwɔla nyuiwo na nye hã eye nana nye asinuwo gbɔ nanye wò dɔlawo ƒe gbɔɖemeƒe. Ɖe dzoxi, si gena ɖe nuwo me hedea dzo wo me la ɖa, eye nakle ŋuku ɖe afi, siwo ŋɔa nuwo ɖe agbame na ame la.\nEye naɖe adzoblasuwo kple fiafiwo ƒe xadede ɖa tso nye agbawo gbɔ. Elabena O,nye Wɔla, ŋuwoe meziɔ ɖo; eye wòe nye nye gɔmedzedze kple dziyiyi siaa. Ve nunye be, matsɔ wò yayrawo akpà hae bena vivinonowo, ame siwo ƒe nu me neli kafukafu ɖo la nakafu wò ɖaa. Na nye Afetɔ Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu la nakplɔ nye hã va gbɔwo to Eƒe amenuveve me. Amen","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-29","url":"http:\/\/www.arshymnbookonline.co.uk\/gbedodo598a-2.html","date":"2020-07-11T20:12:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-29\/segments\/1593655937797.57\/warc\/CC-MAIN-20200711192914-20200711222914-00084.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990491867,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999049186706543}","num_words":487,"character_repetition_ratio":0.038,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.002,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ\nOctober 2014 | Mawu Fiaɖuƒe La\n—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?\nNu si tae wòle vevie na Yesu, Fofoa, kple amegbetɔ nuteƒewɔlawo la nyanya akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖoa.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae Yehowa Ðasefowo ƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu ɣesiaɣi evɔ subɔsubɔha siwo be yewonye Kristotɔwo ya dometɔ akpa gãtɔ metsi dzi ɖe eŋu boo o?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMenye nudogoɖenunu wònye be Yesu ƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu wu nyati bubu ɖe sia ɖe o.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNe Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na wò la, wò ŋutɔ gbɔwòe wòatso.\nA CONVERSATION WITH A NEIGHBOR\nNe ènya ŋuɖoɖoa la, ɖe nàte ŋu aɖe eme na ame bubu aɖe tso Biblia mea?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nChristof Bauer ƒo eɖokui ɖe Biblia xexlẽ me esime wònɔ tɔdziʋu sue aɖe me nɔ Atlantik-ƒugã la tsom. Nu kae wòsrɔ̃?\nNu kae Fiaɖuƒea awɔ si amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ o\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu kple maɖo wo ŋu o la nɔ te ɖe dziwò","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-40","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20141001\/","date":"2020-09-30T02:16:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-40\/segments\/1600402101163.62\/warc\/CC-MAIN-20200930013009-20200930043009-00430.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9981456995,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9981456995010376}","num_words":178,"character_repetition_ratio":0.083,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.219,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nAƒetɔ, si ƒe dɔ me míele, nyo;\nMíekpɔ mɔ hã be míayɔe be mía Fofo.\nNe míele eƒe mɔwo dzi zɔm nyuie\nEkem míakpɔ 'ƒe lɔlɔ̃ ƒ'a-gbɔsɔsɔ.\nNya sia na dzideƒo le aʋa me;\nAƒetɔa nyo.\nStanza 2\nAƒetɔa nyo! Medi be yeatsɔ yi\nÐe vɔ̃wɔla ŋu nublanuimakpɔe o.\nDzigbɔɖi sɔ gbɔ le eya ma si;\nElɔ̃na ɖɔa vodalawo ƒe nya ɖo.\nEyraa mi ɖaa to Via ƒe ʋu la me:\nAƒetɔa nyo!\nStanza 3\nAƒetɔa nyo! Ele mía yɔm ɖaa he,\nNe míakpɔ gome le 'ƒe nu nyuiwo me.\nHiã 'ɖeke hã melolo akpa na\nEƒe lɔlɔ̃ kpakple ŋusɛ̃ gã la o.\nMíanɔ ŋutifafa me le egbɔ:\nAƒetɔa nyo!\nStanza 4\nAƒetɔa nyo! Ne míedze si esia\nLe xɔse me, míagblẽ 'ƒe dɔ ɖi kpɔ o.\nAfi sia ablɔɖe vavã la le,\nNu nyui sia nu nyui, si xɔse wɔna la,\nEkpɔa eŋu fetu kple yayra gã:\nAƒetɔa nyo!\nStanza 5\nAƒetɔa nyo azɔ kpakple ɖaa si!\nEya ta míaku ɖe 'ŋuti yi ɖe ku me.\nAɖe mí atso hiã mlɔetɔ me hã,\nAna dzudzɔ mavɔ mí, míanyi domee;\nEƒe nuwo katã woazu mía tɔ:\nAƒetɔa nyo!\nStanza 6\nAƒetɔa nyo! Midze klo ɖe ŋkume.\nEle mía yɔm, be míava xɔ 'ƒe yayra.\nMido mía Mawu kple Vi la ɖe dzi,\nAmenuvevegbɔgbɔ kɔkɔe la hã;\nMikafui le 'ƒe nuwɔwɔwo ta!\nAƒetɔa nyo!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-34\/","date":"2022-01-19T22:50:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320301592.29\/warc\/CC-MAIN-20220119215632-20220120005632-00496.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.995968163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959681630134583}","num_words":219,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.26,"stopwords_ratio":0.21,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ February 2014 | Aʋawɔwɔ Si Trɔ Xexea\nNu ka tae xexemeʋa gbãtɔ na nuwo trɔ le xexea me kura? Ðe ŋuɖoɖoa nyanya akpe ɖe mía ŋu míanya ale si etsɔme ava nɔ na mía?\nCOVER SUBJECT\nAleke tɔtrɔ siwo xexemeʋa gbãtɔ, si wogayɔ be \"Aʋa Gã\" la, he vɛ la gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi egbea?\nCOVER SUBJECT\nAleke Biblia ɖee fia be aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo lae he xexemeʋa kple nɔnɔme sesẽwo va anyigba dzi?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nIvars Vigulis ti ŋkɔxɔxɔ, kafukafu kple vivisese yome esime wòtsɔ dzokekedodo ƒe duɖimekeke ɖo dɔe. Aleke Biblia me nyateƒea trɔ eƒe agbee?\nNu kae aloe si amewo zã le Biblia ŋlɔɣiwo la nye? Vɔsanu kawoe woxɔna le gbedoxɔa me le Yerusalem?\nOUR READERS ASK\nBiblia gblɔ nu si Mawu le wɔwɔm tso ameteteɖeanyi ŋu fifia kple nu si wòawɔ tso eŋu le etsɔme.\nIMITATE THEIR FAITH\nÐe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò kpɔa? Èle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa? Xlẽ nu tso ale si nàte ŋu asrɔ̃ nuteƒewɔla Eliyae ŋu.\nÐe kpeɖodzi li be Biblia la tso Mawu gbɔa? Aleke wowɔ hafi ŋlɔe?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAgbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yeahe ŋutifafa vɛ la medze edzi o. Kpɔ susu siwo tae la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140201\/","date":"2017-12-13T06:34:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948521292.23\/warc\/CC-MAIN-20171213045921-20171213065921-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9975063205,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997506320476532}","num_words":215,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.214,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! July 2013 | Gbɔlɔlɔe Akpɔ Kuxia Gbɔa?\nLe nyati sia me la, àxlẽ nu tso nu si tae dukɔmeviwo ƒe gbɔlɔlɔ dzi ɖe edzi kpakple afi si woatrɔ ɖo hena kuxia gbɔ kpɔkpɔ.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: Ale si womelɔ̃na tia ame aɖewo be woabia gbe wo hena wo xɔxɔ ɖe dɔ me o kple se yeye si wowɔ na adzɔha siwo wɔa sigaret le Australia.\nHELP FOR THE FAMILY\nAle si nàxɔ vinugbewɔwɔ le viwò si. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi sia gbɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nGbɔlɔlɔ ate ŋu atrɔ nu geɖe. Gake gbɔlɔlɔe nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, nu fitifiti wɔwɔ kple ametete ɖe anyi gbɔ kpɔnua?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae ɖekakpui si nye Northern Irelandtɔ ƒe susu le ale si woawɔ ahe nu dzɔdzɔe wɔwɔ vɛ ŋu va trɔ?\nÈse nu tso dzogbedadi ŋu kpɔa? Xlẽ nu tso dadi sia ŋu, eye nàkpɔ nu si tae ekpɔkpɔ mele bɔbɔe o.\nLANDS AND PEOPLES\nAzerbaijantɔwo nye dzidzɔmewo eye wodoa vivi ɖe ame ŋu. Xlẽ nu geɖe tso woƒe dukɔa kple woƒe dekɔnuwo ŋu.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nAme aɖewo xɔe se be Mawu Fiaɖuƒe nɔa xɔsetɔwo ƒe dzi me eye be amegbetɔwo ahee avɛ to woƒe agbagbadzedzewo dzi. Nya kae Biblia gblɔ?\nWAS IT DESIGNED?\nAleke lã sue sia tea ŋu nɔa te ɖe fafa nu ne eƒe lãme fana miamiamia wu tsikpe gɔ̃ hã?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201307\/","date":"2020-06-03T10:25:22Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347432521.57\/warc\/CC-MAIN-20200603081823-20200603111823-00088.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986426234,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99864262342453}","num_words":235,"character_repetition_ratio":0.029,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.221,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Anyidi Kple Bɔtri\nMise gli loo!\nGli neva!\nGli dzo kakaka va dze anyidi si wogayɔna be aɖiɖi dzi.\nEdze edzi.\nEdze bɔtri si wogayɔna be bɔe dzi.\nEdze edzi.\nAɖiɖi kple bɔtri wonye xɔlɔ̃ veviwo.\nBɔtri mewɔa dɔ aɖeke o eye medzraa nuɖuɖu aɖeke ɖo le dzomeŋɔli o. Gake anyidi ya wɔa dɔ sesẽ eye wòdzraa nuɖuɖu ɖi le dzomeŋɔli. Gbe ɖeka bɔtri va anyidi gbɔ gblɔ nɛ bena: \"Na nuɖuɖu vi aɖem.\"\nAnyidi biae bena: \"Nu ka nèwɔ le dzomeŋɔli bliboa?\"\nBɔtri ɖo eŋu nɛ bena: \"Hae medzi.\"\nAnyidi yi edzi gblɔ nɛ bena: \"Hae nèdzi le dzomeŋɔli le esime nye ya mele dɔ wɔm! Esia ta ele na wò be nàɖu ɣe azɔ.\"\nAle wɔ anyidi la mena nanekee o.\nAɖiɖi kple bɔtri ƒe ŋutinya sia le mía fiam be ele be míawɔ dɔ eye míaganye kuviatɔwo o.","id":"","dump":"CC-MAIN-2024-10","url":"https:\/\/degbea.org\/category\/modzaka%C9%96e%C6%92e\/fefewo\/","date":"2024-03-05T13:56:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2024-10\/segments\/1707948235171.95\/warc\/CC-MAIN-20240305124045-20240305154045-00650.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990682006,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990682005882263}","num_words":141,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.17,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ December 2015 | Àte Ŋu Ase Biblia Gɔme\nÐe nèbia ɖokuiwò kpɔ be, 'Nu ka tae Biblia gɔme sese sesẽ?' ɖo hã\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme geɖe dea bubu agbalẽ kɔkɔe sia ŋu, evɔ womenya ale si gbegbe wòate ŋu aɖe vi na woe o.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ene siwo na wòdze ƒãa be ɖe woŋlɔ Biblia be ame sia ame nase egɔme.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNe ɖe woŋlɔ Biblia be woase egɔme vavã la, ke nu ka tae wòle be woakpe ɖe ŋuwò hafi nàse egɔme?\nÐe nèdzudzɔ dunyahehe, mawusubɔsubɔ, alo asitsatsa le amewo ƒe alakpanuwɔwɔ ta?\nÐe Yudatɔwo \"tso dukɔ siwo katã le dziƒoa te\" la me yi Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi vavã? Teƒe kawoe ame akpe geɖe siwo yia Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la dzena?\nNu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: \"Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu nye ha la ɖo\"?\nOUR READERS ASK\nNe trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas-kɔnuwo dzɔ tso hã la, ɖe woaxa ɖe ema ta adzudzɔ Kristmasɖuɖua?\nNu ka tae Mawu xɔa nyateƒelɔ̃lawo atuu ɖo?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe vodadawo le nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20151201\/","date":"2018-03-22T06:25:25Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647777.59\/warc\/CC-MAIN-20180322053608-20180322073608-00175.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986048341,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986048340797424}","num_words":200,"character_repetition_ratio":0.074,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kpekpeɖeŋu\nTiatia\nŊlɔ ŋkɔ\nKpekpeɖeŋu\nGe ɖe eme\nGe ɖe eme kple Facebook\nGe ɖe eme kple Google\n– Alo –\nEzãla ŋkɔ\/Imɛl\nNyaɤaɤla\nKpe ɖe ŋunye, maŋlɔ gegeɖeme nyawo be →\n← Ŋlɔ ŋkɔ\nMíate ŋu ana wò nyaɤaɤla yeye nenye be nèna míenya wò imɛl adrɛsi:\nImɛl\n← Enyo, meɖo ŋku edzi","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-26","url":"https:\/\/www.canva.com\/ee_gh\/login\/","date":"2018-06-18T03:42:08Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-26\/segments\/1529267860041.64\/warc\/CC-MAIN-20180618031628-20180618051628-00605.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960993528,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960993528366089}","num_words":49,"character_repetition_ratio":0.073,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.163,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.987,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ September 2013 | Nu Ka Tae Fukpekpe Li Alea Gbegbe? Ɣekaɣie Enu Ayi?\nNya kae Biblia gblɔ tso fukpekpe ŋu, eye ɣekaɣie ameƒomea avo tso esi me?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMíekpɔnɛ be ame geɖe kpea fu le xexea me dzodzro. Mawu gbɔe esia tsoa?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nXlẽ nu tso nu 5 siwo hea fukpekpe vanɛ egbea kple nu si tututu ana enu nayi la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMawu do ŋugbe be yeaɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa. Aleke wòle ewɔ gee, eye ɣekaɣie wòawɔe?\nAGBEMEŊUTINYA\nAlexander Ursu ŋutɔ kpɔ eteƒe be, togbɔ be Soviet Union dukɔ si nɔ anyi tsã la ti Yehowa subɔlawo yome hã la, womete ŋu xe mɔ na woƒe ŋgɔyiyi o. Xlẽ nu tso eƒe ŋutinya dodzidzɔname la ŋu.\nNu kae nye Babel-mɔ la? Afi ka tututue nye amegbetɔwo ƒe gbewo dzɔtsoƒe?\nDRAW CLOSE TO GOD\nXlẽ nu tso nu si tae susu si le ame si hafi wòna nu la le vevie ŋutɔ la ŋu.\nTEACH YOUR CHILDREN\nÐe nènya be yeate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ alo ase vevea? Xlẽ nu tso ale si Adam kple Xawa ƒe nuwɔna na Yehowa se vevee ŋu.\nAɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nKpɔ ale si xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem togbɔ be míexɔa nudzɔdzɔ alo nu ewolia le amewo si o hã la ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130901\/","date":"2019-06-17T10:46:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998473.44\/warc\/CC-MAIN-20190617103006-20190617125006-00329.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9971497059,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9971497058868408}","num_words":258,"character_repetition_ratio":0.07,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?\nWotrɔ asi le Biblia srɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nyati vovovowo ŋu, abe nu si tae míekpea fu, nu si dzɔna ɖe ame siwo ku dzi, ale si nàna dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me, kple bubu geɖewo ene.\nÐewohĩ èdea ŋugble le nu si ta kuxiwo sɔ gbɔ alea egbea ŋu. Ènya be Biblia gblɔ be tɔtrɔ nyuiwo gbɔna kpuie, eye be ate ŋu aɖe vi na wòa?\nTA 1\nÈxɔe se be Mawu tsɔa ɖe le eme na wò ŋutɔŋutɔa? Srɔ̃ nu tso ale si tututu Mawu le kple ale si nàwɔ ate ɖe eŋu la ŋu.\nTA 2\nAleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi siwo nèdoa goe gbɔe? Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo le eme dzi?\nTA 3\nÐe Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba sia ava emea? Ne ava eme la, ke ɣekaɣie?\nTA 4\nSrɔ̃ nu si ta Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, afi si wòtso va, kple nu si ta woyɔe be Yehowa ƒe Tenuvi.\nTA 5\nNukae nye tafe la? Viɖe kae wòate ŋu ahe vɛ na wò?\nTA 6\nSrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nɔnɔme si me kukuawo le kple nu si tae amegbetɔwo kuna ŋu.\nTA 7\nAme vevi aɖewo ku na wò kpɔa? Ðe míagate ŋu akpɔ wo akea? Srɔ̃ nu si Biblia fia tso tsitretsitsia ŋu.\nTA 8\nAme geɖe nya Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nyuie. Nyagbɔgblɔ 'Wò fiaɖuƒe nava' gɔme ɖe?\nTA 9\nKpɔ ale si nɔnɔme siwo amewo le ɖeɖem fia la ɖo kpe edzi be míele 'ŋkeke mamlɛ' siwo Biblia gblɔ ɖi me la ɖa.\nTA 10\nBiblia ƒo nu tso mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa ŋu. Woli ŋutɔŋutɔa? Ðe woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzia?\nTA 11\nAmewo bua fɔ Mawu be eya gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso. Nu kae nye wò susu? Srɔ̃ nu tso nu si Mawu gblɔ be eya gbɔe fukpekpe tso ŋu.\nTA 12\nAnya wɔ be nànɔ agbe si dzea Mawu ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃.\nTA 13\nAleke Mawu bua fuɖeɖe, ʋudodo kple lãwo ƒe agbee?\nTA 14\nLɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia la nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?\nTA 15\nKpɔ nu ade aɖewo siwo dea dzesi ame siwo subɔa Mawu vavã la.\nTA 16\nKuxi kawoe nàte ŋu ado goe ne èle wò dzixɔsewo me ɖem na amewo? Aleke nàwɔ esia be woagado dziku ɖe ŋuwò o?\nTA 17\nÐe Mawu ɖoa to wò gbedodoɖawoa? Be nànya esia la, ele be nàse nu si Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu gɔme.\nTA 18\nAfɔ kawoe wòhiã be ame naɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔ? Srɔ̃ nu tso nu si nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me fia kple ale si wowɔnɛ ŋu.\nTA 19\nAleke míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu eye míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí ŋu?\nMEGBENYAWO\nWoɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me. Nu ka tae? I Ðe wòle vevie be míazã Mawu ƒe ŋkɔa?\nMEGBENYAWO\nƑe 500 kple edzivɔ do ŋgɔ la, Mawu ɖe ɣeyiɣi si tututu Mesia la ava fia. Srɔ̃ nu tso nyagblɔɖi wɔnuku sia ŋu!\nMEGBENYAWO\nYesu Kristo dzie Biblia me nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe Mesia ŋu la va eme ɖo. Xlẽ nyagblɔɖi siawo le wò Biblia me be nàkpɔ ale si wova eme tsitotsito.\nMEGBENYAWO\nAme geɖe xɔe se be Biblia fia nu tso Trinita ŋu. Nyateƒeea?\nMEGBENYAWO\nAtitsoga ŋue Yesu Kristo ku ɖo vavã? Xlẽ ŋuɖoɖoa tso Biblia ŋutɔ me.\nMEGBENYAWO\nWode se na Kristotɔwo be woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Ɣekaɣie wòle be woaɖui, eye alekee?\nMEGBENYAWO\nAme geɖe susuna be ne ame ku la, eƒe akpa makpɔmakpɔ aɖe dona le ŋutilãa me heyia edzi nɔa agbe. Nu kae Mawu ƒe Nyaa gblɔ na mí tso nya sia ŋu?\nMEGBENYAWO\nBiblia gɔmeɖela aɖewo ɖe Sheol kple Hades gɔme be \"yɔdo\" alo \"dzomavɔ.\" Nu kae nya siawo fia ŋutɔŋutɔ?\nMEGBENYAWO\nSrɔ̃ nu tso ale si Ʋɔnudrɔ̃gbea anye yayra na amegbetɔƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ŋu.\nMEGBENYAWO\nBiblia me kpeɖodzi kae li be ƒe 1914 nye ƒe ɖedzesi aɖe le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me?\nMEGBENYAWO\nBiblia na míenya ame si mawudɔlagã ŋusẽtɔ sia nye. Srɔ̃ nu geɖe tso mawudɔlagã sia kple nu si wɔm wòle fifia la ŋu.\nMEGBENYAWO\nBiblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye \"Babilon gã\" la ŋu. Ðe wònye nyɔnu ŋutɔŋutɔa? Nu kae Biblia gblɔ tso eŋu?\nMEGBENYAWO\nKpɔ ale si yame ƒe nɔnɔme nɔna le le ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wodzi Yesu. Nu kae esia fia mí?\nMEGBENYAWO\nAfi kae subɔsubɔhawo ƒe azã xɔŋkɔwo kple ŋkekenyui siwo ame geɖe ɖuna le mia gbɔ dzɔ tso? Ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/biblia-%C6%92e-nufiafia\/","date":"2020-01-28T01:37:10Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579251737572.61\/warc\/CC-MAIN-20200127235617-20200128025617-00516.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9985709786,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.99857097864151}","num_words":787,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.23,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Woɖea vi nɔdɔme akpe geɖe ƒua gbe ƒe sia ƒe, xexlẽme sia sɔ gbɔ wu dukɔ geɖe me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ.\nAme ŋutɔ ƒe tiatiae loo alo mesɔ o?\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nSusu vovovowo tae nyɔnu aɖewo ɖea fu, wo dometɔ aɖewoe nye ganyawo, wo kple wo srɔ̃wo dome masɔmasɔwo, didi be yewoavo agade suku alo awɔ dɔ bubu aɖe alo esi nyɔnua medi be yeanye dzilaɖekɛ o ta. Gake ame aɖewo hã bua fufɔfɔ be enye mɔnukpɔkpɔ si su nyɔnu si, eya ta fuɖeɖe mesɔ o.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMawu bua agbe, vevietɔ amegbetɔ ƒe agbe nu kɔkɔe. (1 Mose 9:6; Psalmo 36:9) Mɔfiame sia ku ɖe vidzĩ si le tsitsim le dadaa ƒe dɔ me, afi si Mawu ŋutɔ wɔ be ɖevia natsi le la ŋu. Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ be: \"Ètsɔ nu xe ŋunye le danye ƒe dɔ me.\" Egblɔ kpee be: \"Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me, le ŋkeke siwo me wowɔ wo.\"—Psalmo 139:13, 16.\nAle si Mawu bua vi nɔdɔme la gadze le Se si wòtsɔ na Israel-dukɔa kple dzitsinya si Mawu na mí la me. Mawu ƒe Sea gblɔ be ne ame aɖe sẽ ŋuta le funɔ aɖe ŋu eye via si le dɔ me nɛ la ku la, ele be woawu eya hã ɖe vidzĩ si wòwu la ta. (2 Mose 21:22, 23) Gake ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nalé ŋku ɖe nu si ta wòwu amea ɖo la ŋu hafi atso nya me.—4 Mose 35:22-24, 31.\nDzitsinya le amegbetɔwo katã si. Ne nyɔnu ɖo to eƒe dzitsinya eye wòde bubu vi si le dɔ me nɛ ŋu la, eƒe dzitsinya maɖe fu nɛ o. * Gake ne egbe toɖoɖo eƒe dzitsinya la, dzitsinyaa abu fɔe eye wòawɔ fui gɔ̃ hã. (Romatɔwo 2:14, 15) Nyateƒee, numekukuwo ɖee fia be nu tena ɖe nyɔnu siwo ɖe fu kpɔ la dzi eye woléa blanui bɔbɔe.\nKe ne vi dzi kpɔkpɔ zu agba, evɔ vi bubu si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o gale mɔ dzi gbɔna ɖe? Se ŋugbe si Mawu do na ame siwo wɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ la ɖa: \"Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe; èwɔa nu fɔmaɖitɔe ɖe ame maɖifɔ ŋu.\" (Psalmo 18:25) Biblia gagblɔ be: \"Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.\"—Psalmo 37:28.\n\"Woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye woawo ŋutɔwo ƒe tamesusuwo bua fɔ wo alo tsoa afia na wo be wo tɔ dzɔ.\"—Romatɔwo 2:15.\nKe ne èɖe fu kpɔ ɖe?\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nRuth, si nye dzilaɖekɛ gblɔ be: \"Vi etɔ̃ le asinye xoxo, eye nyemate ŋu akpɔ enelia dzi akpee o. Ke hã esi meɖe fua la, mekpɔe be mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe.\" * Gake ɖe Mawu atsɔ nu si wòwɔ la akeea?\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nYesu Kristo ɖe nu si nye Mawu ƒe susu le nya sia ŋu fia esi wògblɔ be: \"Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo yɔ gee meva be woatrɔ dzi me.\" (Luka 5:32) Ɛ̃, ne míese veve ɖe nu vɔ̃ si míewɔ ta, míetrɔ dzi me eye míebia Mawu be wòatsɔe ake mí la, atsɔe ake faa ne nu vɔ̃ gãe wònye gɔ̃ hã. (Yesaya 1:18) Psalmo 51:17 gblɔ be: \"Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.\"\nNe ame si trɔ dzi me do gbe ɖa na Mawu la, ana eƒe susu nadze akɔ anyi eye wòana dzitsinya dzadzɛe. Filipitɔwo 4:6, 7 gblɔ be: \"Mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.\" * Esi Ruth va srɔ̃ Biblia eye wògblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu la, eƒe susu dze akɔ anyi. Eva srɔ̃e be Mawu gbɔe \"tsɔtsɔke vavãtɔ le.\"—Psalmo 130:4.\n\"[Mawu] mewɔa nu ɖe mía ŋu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.\"— Psalmo 103:10.\n^ mm. 8 Ne edze abe funɔa alo vi si le dɔ me nɛ ƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã la, mefia be woate ŋu aɖe fu o. Ne eva hiã be woatso nya me le ame si woaxɔ ɖe agbe le vidziɣi ŋu la, srɔ̃tɔawo ŋutɔe atso nya me. Togbɔ be ele alea hã, ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔnyawo me wɔe be kuxi sia megabɔ le dukɔ deŋgɔ geɖe me o.\n^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no1-2017-february\/fu%C9%96e%C9%96e-nya-si-biblia-gbl%C9%94\/","date":"2020-08-11T10:17:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439738746.41\/warc\/CC-MAIN-20200811090050-20200811120050-00436.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987223148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987223148345947}","num_words":710,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.273,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ŋutilã ka ƒomevie le Mawu si?\n\"Mawu nye Gbɔgbɔ.\"\n—Yohanes 4:24.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia gblɔ be Mawu nye gbɔgbɔ. (2 Korintotɔwo 3:17) Eya ta ekɔ boo wu mí, eye wòle afi si míaƒe ŋku mate ŋu akpɔ o. Wogblɔ le 1 Timoteo 1:17 be, enye \"Fia mavɔmavɔtɔ, magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ.\" Biblia gblɔ hã be: \"Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.\"\nMía Wɔla la kɔ boo wu mí ale gbegbe be míate ŋu akpɔ ale si eƒe nɔnɔme le le susu me gɔ̃ hã o. Yesaya 40:18 gblɔ be: \"Ame kae miebe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka miebe, yewoatsɔ asɔ kplii?\" Xexe gbahoo wɔnuku sia gɔ̃ hã meɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple Ŋusẽkatãtɔ la o.\nKe hã, nuwɔwɔ nyanu aɖewo li siwo tea ŋu kpɔa Mawu heƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Nu ka tae? Elabena woawo hã wonye gbɔgbɔwo, eye wole dziƒo. (1 Fiawo 22:21; Hebritɔwo 1:7) Yesu Kristo gblɔ tso nuwɔwɔ siawo siwo kɔ boo wu amegbetɔwo, siwo wogayɔna be mawudɔlawo la ŋu be: \"[Wokpɔa] Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesia��i.\"\nÐe Mawu le afi sia afia?\n\"Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: 'Mía Fofo si le dziƒowo.'\"\n—Mateo 6:9.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia mefia nu be Mawu le afi sia afi, alo be ele teƒe sia teƒe ɣeawokatãɣi, abe ŋusẽ aɖe si si amenyenye mele ene o. Ke boŋ, abe ale si Yesu gblɔ le Mateo 6:9 kple Mateo 18:10 ene la, Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ—enye \"Fofo\"—eye wòle dziƒo, afi si nye 'enɔƒe.'\nEsime wòsusɔ vie Yesu naku la, egblɔ be: \"Mele dzodzom le xexea me, eye meyina Fofo la gbɔ.\" (Yohanes 16:28) Esi Kristo ku le ŋutilã me, eye wofɔe ɖe tsitre le gbɔgbɔ me megbe la, eyi \"dziƒo ŋutɔŋutɔ\" eye 'wòdo ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume.'\nNyateƒenya siawo siwo ku ɖe Mawu ŋu la le vevie. Nu ka tae? Susu gbãtɔe nye be esi wònye ame ŋutɔŋutɔ Mawu nye ta la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso eŋu ahate ɖe eŋu. (Yakobo 4:8) Susu bubue nye be, nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu nyanya kpɔa mía ta tso alakpatadedeagu, abe tadede agu na legbawo kple nu siwo me agbe mele o ene si me. Wogblɔ le 1 Yohanes 5:21 be: \"Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.\"\nAleke wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nue?\n\"Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.\"\n—1 Mose 1:27.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nŊutete le mí amegbetɔwo si be míaɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo, abe lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye kple nunya ene afia. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: \"Mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene, eye miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me.\"\nGakpe ɖe eŋu la, Mawu na tiatiawɔblɔɖe mí, eye esia wɔe be míetea ŋu tianae be míawɔ nyui ke menye vɔ̃ o, eye esia hã nana be míeɖea lɔlɔ̃ fia amewo le mɔ vovovowo nu. (1 Korintotɔwo 13:4-7) Ŋutete le mía si hã be míato nu yeyewo vɛ, míakpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo nya kpɔ la ŋu, eye nu wɔnuku siwo le xexea me la nawɔ dɔ ɖe mía dzi. Ƒo wo katã ta la, Mawu na mawusubɔsubɔ ƒe ŋutete mí, si nye dzɔdzɔmeŋutete si nana be míedina be míasrɔ̃ nu tso mía Wɔlaa kple eƒe lɔlɔ̃nu na mí ŋu.\nAle si Biblia me nyateƒea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Mawu ŋu hele eƒe nɔnɔmewo srɔ̃m la, míanɔ agbe nɔm ɖe mɔ si nu wòdi be míanɔ agbe ɖo la nu geɖe wu. Esia wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ, ŋutifafa, dzidzeme kple susumekɔdzeanyi vavãtɔ. (Yesaya 48:17, 18) Ɛ̃, Mawu nyae be yeƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ʋãa amegbetɔwo ƒe dzi, hea dzianukwaretɔwo vaa ye gbɔ hekplɔa wo vaa agbe mavɔ mɔ la dzi.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-34","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201305\/mawu-%C6%92e-n%C9%94n%C9%94me\/","date":"2020-08-06T22:00:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-34\/segments\/1596439737039.58\/warc\/CC-MAIN-20200806210649-20200807000649-00016.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9962716699,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9962716698646545}","num_words":605,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.262,"stopwords_ratio":0.248,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"A\nLe akɔdaɣi sia\nDukɔmevi lɔlɔtɔwo,\nMigatrɔ mìa ɖokuiwo zu agbeli dzekpolowo\n…le dukɔa tutu ɖo fe fufutoto me\n…be sedzikpɔlawo fe asibidɛwo\n…nava ɖe mi aƒu gbe ɖe gakpɔ me\n…be miaƒe agbedome nava gblẽ o\nKpɔ ɖa! Ne ete ŋu si le wo nu alekekeake hã la,\n…dunyahehawo afli wò kpokpokpo\nBe gbadagba ŋutasẽlawo nava vuvu wò\n…atrɔ dukɔ sia azu ŋunyɔnu\nB\nLe akɔdaɣi vevi sia\nNyadzɔdzɔdɔwɔla lɔlɔawo\nMigatrɔ mia ɖokuiwo zu avutsu klẽnɔwo\n…anɔ wowom wowowo ne ŋutifafa li\nGake ahana womagaxɔ mia dzi se le nyadzɔgbewo\n…atsɔ dunyahehawo fe dzi ade xaxa me\n…be wo yomedzelawo nado avugo ɖe wo nɔewo ŋu o\nMiawoe nye dukɔ la fe ŋku kple nu\nTa, milè be na miaƒe adewo\nYe miaƒe nuŋlɔtsiwo nanye tsi vavãwo\nC\nLe akɔdaɣi sia\nNɔvi dunyahelawo\nMinyae be yewoe nye dukɔa fe sɔti\n…menye miawoe akaka dukɔ sia o\nEyata miafe dziwo naɖi de me bɔkɔɔ\n…be miazɔ le ŋutifafa me\n\"Ame sia de fetsum\n…ekemɛ kam du\"\nMetsonuwoe nye hunyahunya kple dukɔa ƒe nunɔamesiwo dome gbegblẽ.\nNe miekaka dukɔ si dzi miebe yewoaɖu ɖe,\n…ekae aganɔ mia te le etsɔ me?\nD\nLe akɔdaɣi sia\nAkɔdadadzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo\nMina be numekɔkɔ kple nyateƒe nawɔ dɔ\nBe dzixɔse nabla dziwo katã ɖe ŋutifafa ƒe atiwo ŋu.\nNe ame dzi dede ɖe amenɔvi ŋu nye miaƒe gomea,\nAhe aʋawɔwɔ manyatalenuwo kple dugbagbã ave\nE\nTaflatse, miɖo ŋku edzi be\nGhana ɖeka koe le mìa si\nEya deka pɛ koe nye mía denyigba\nMinyae be\nNe agalã fe akplɔwo kple afɔ viwo fli ɖa pɛ ko la,\nAnya lé na elélawo kaba woatsɔ aƒo numedetsie\nEyata dukɔ sia le ko abe meli si agba sam le aƒu ƒe gogloƒe ene\nNe melia ŋɔ vie koa,\n…anyrɔ\nAgblẽ agbedome na mí eɖolawo keŋkeŋkeŋ\nAmoafowaa Sefa Cecilia\nTranslated into Ewe by Simon K. Kokofi with the help of Bruce Senam McBrian","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/amoafowaa.com\/2020\/12\/05\/le-ak%C9%94da%C9%A3i-sia\/","date":"2021-04-14T17:47:52Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618038077843.17\/warc\/CC-MAIN-20210414155517-20210414185517-00209.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944533706,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":9,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944533705711365}","num_words":316,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.204,"stopwords_ratio":0.19,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.993,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! June 2013 | Ðe Míele Nu Ƒlem Fũu Akpa?\nLe nyati sia me la, àxlẽ nu tso ale si nuƒeƒle fũu akpa ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò kple ale si nàte ŋu aƒo asa na nuƒeƒle fũu akpa la ŋu.\nNyatiawo dometɔ aɖewoe nye: ale si diesel ƒe dzudzɔ gbleã nui kple ale si woke ɖe asrãtike manyomanyo ŋu le Afrika kple Asia.\nHELP FOR THE FAMILY\nAleke wòva dzɔnɛ be srɔ̃tɔwo dzudzɔa nuƒoƒo na wo nɔewo, eye aleke woakpɔ masɔmasɔwo gbɔe?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nÐe Satana nye ame ŋutɔŋutɔ loo alo nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖe ko wònye le ame mea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka ta ame geɖe ƒlea nu si mehiã wo ŋutɔŋutɔ o? Nu kae nàte ŋu awɔ be nudzrala dzeaɖaŋuwo ƒe boblododo nagakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nKpɔ aɖaŋuɖoɖo ade siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuƒeƒle fũu la ɖa.\nLANDS AND PEOPLES\nPanama xɔ ŋkɔ le eƒe tsimɔ ta. Xlẽ nu geɖe tso dua kple emenɔlawo ŋu.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nAgbalẽ si woyɔna be Nudidi ɖe mɔ na Spaintɔ anyigba yeye xɔlawoa be woawɔ nu tohehe manɔmee. Ðe wòle be woabu fɔ Mawua?\nWAS IT DESIGNED?\nKpɔ ale si ƒumelã klitsu sia ƒe tsiƒunuwo wɔa dɔe la ɖea vi na wòe la ɖa.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe ètsia dzi ɖe wò dzedzeme ŋu fũu akpa la, kpɔ ale si nàwɔ ada asɔ la ɖa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201306\/","date":"2021-06-21T17:55:14Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488286726.71\/warc\/CC-MAIN-20210621151134-20210621181134-00457.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983735681,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983735680580139}","num_words":240,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.226,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 2 2017 | Nu Kae Le Megbe Na Vivimeŋusẽwo?\nEgbea filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe.\nNu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋusẽwo kple nu si tututu le megbe na vivimeŋusẽ mawo ŋu la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAmewo Va Le Vivi Dom Ðe Vivimeŋusẽwo Ŋu!\nŊutsu adzetɔwo, nyɔnu adzetɔwo, vampayawo, trɔ̃ƒoƒo kple ŋɔliwo—nye gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna siwo ŋu amewo doa vivi ɖo la dometɔ aɖewo. Nu kae na amewo doa vivi ɖe wo ŋu?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?\nTogbɔ be ame geɖe kea ɖi le nu sia nu si ku ɖe vivimeŋusẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu hã la, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ŋu vevie. Nu ka tututue Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu, eye nu ka tae?\nWAS IT DESIGNED?\nAle Si Anyi Wɔna Dzena Ðe Nu Dzi\nAle si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la na wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.\nNU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU\nNe Dziwòla Aɖe Ku\nAme dzila ƒe ku vena ale gbegbe. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe seselelãmekuxi vovovo siwo kplɔnɛ ɖo nu?\nNe Ðeviwo Le Nu Xam Le Wo Dzila Ƒe Ku Ta\nAleke Biblia kpe ɖe sɔhɛ etɔ̃ aɖewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe ƒometɔ aɖe ƒe ku nu?\nLANDS AND PEOPLES\nTsaɖiɖi Yi Spain\nAme ƒomevi vovovowo kple nu vovovowoe le Spain. Spain ye wowɔa ami si wonya le xexea me wu la le.\nNU SI BIBLIA GBLƆ\nAtitsoga\nAme geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi. Atitsoga ŋue Yesu ku ɖoa? Ðe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zã atitsoga le woƒe Mawu subɔsubɔ mea?\nÀdi Be Yease Biblia Gɔmea?\nSrɔ̃ nu tso nu si nèhiã kple nu si mèhiã o ŋu ale be nàte ŋu ase eme nyawo gɔme.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nya Vɔ̃wo Nu?\nSɔhɛ aɖewo gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu.\nÐe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?\nNu kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo? Afi kae wotso va?","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no2-2017-april\/","date":"2023-03-31T03:51:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296949533.16\/warc\/CC-MAIN-20230331020535-20230331050535-00544.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978923202,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978923201560974}","num_words":384,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.198,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 6 2016 | Dɔlélewo—Ale Si Míaɖe Wo Dzi Akpɔtɔ\nDɔxɔleameŋu siwo gale tɔtrɔm gbɔ la ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu vevie. Nu kawoe ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be nàdze dɔ eye nu kae nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMíaƒe ametia wɔa avu kple futɔ aɖewo siwo ate ŋu awu mí evɔ míekpɔa wo alo sea wo ŋkɔ o la gbe sia gbe.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBu nu atɔ̃ siwo ate ŋu ana nàdze dɔ kple ale si nàkpɔ ɖokuiwò tae.\nWAS IT DESIGNED?\nƑumefɔlĩ ƒe ade si wòtsɔ wɔa ɖɔ la nana wòléna ɖe nuwo ŋu. Esia gɔmesese ate ŋu ana woawɔ nu siwo woatsɔ aku nuwo ɖe xɔwo ŋu, alo alé lãkusi ɖe ƒuwo ŋu nyuie wu.\nHELP FOR THE FAMILY\nBubudede ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me menye nu si adzro ame hafi wòawɔe o ke boŋ enye nu si wòle be woawɔ. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?\nPORTRAITS FROM THE PAST\nWoyɔe be \"Ame si ŋkɔ de du le xexea me godoo va ɖo egbea.\" Nu kae na eƒe ŋkɔ de du?\nTɔmelã sue sia ƒe amadede vovovoawo nyakpɔ eye ƒumegbeawo mee wonɔna nukutɔe. Nu kae na tsi metoa wo dome o eye wowɔa nu aduadu?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nGamedzinɔnɔ\nNyati vovovo siwo woɖo ɖe tanya gãwo te siwo woɖe tso ƒe 2016 ƒe tatawo me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no6-2016-december\/","date":"2020-01-23T21:04:38Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250613416.54\/warc\/CC-MAIN-20200123191130-20200123220130-00462.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9993058443,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9993058443069458}","num_words":234,"character_repetition_ratio":0.06,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.175,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nisan 12\nNisan 13\nNisan 14\nƔE ÐO TO\nEɖu Ŋutitotoŋkekenyuia kple eƒe apostolowo\nEklɔ afɔ na eƒe apostoloawo\nEna Yuda dzo\nEɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi\nEdede asi kple eléle le Getsemane-bɔa me\nApostoloawo si\nSanhedrin la drɔ̃ ʋɔnui le Kayafa ƒe me\nPetro gbe nu le Yesu gbɔ\nƔE DZE\nEle Sanhedrin la ŋkume ake\nWokplɔe yi Pilato gbɔ, emegbe Herodes gbɔ, wogakplɔe va Pilato gbɔ ake\nWotso kufia nɛ eye wowui le Golgata\nEku le ŋdɔ ga etɔ̃ lɔƒo\nWoɖee le atia ŋu heɖii\nƔE ÐO TO\nNisan 15 (Sabat)\nƔE ÐO TO\nƔE DZE\nPilato lɔ̃ ɖe edzi be dzɔlawo nadzɔ Yesu ƒe yɔdoa ŋu\nƔE ÐO TO","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/biblia\/nwt\/megbenyawo-b\/yesu-anyigbadzigben%C9%94n%C9%94-kwasi%C9%96a-nisan-12-16\/","date":"2021-05-11T16:01:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991648.10\/warc\/CC-MAIN-20210511153555-20210511183555-00104.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9952298999,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9952298998832703}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.045,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.222,"stopwords_ratio":0.183,"flagged_words_ratio":0.009,"lang_id_score":0.988,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Ðe Satana nye ame si li ŋutɔŋutɔa?\n\"Ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, . . . le anyigba dzi nɔlawo katã blem.\"\n—Nyaɖeɖefia 12:9.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme aɖewo xɔe se be Satana Abosam menye ame si li ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ nɔnɔme vɔ̃ɖi si le amegbetɔ mee wònye.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nSatana nye ame si li ŋutɔŋutɔ. Enye mawudɔla dzeaglã, eye wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Biblia yɔ Satana be \"xexe sia dzi ɖula.\" (Yohanes 12:31) Ezãa \"beble\" kple \"amebeble ƒe dzesiwo\" tsɔ ɖoa eƒe taɖodzinuwo gbɔ.\nWoŋlɔ dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Satana kple Mawu dome la ɖe Biblia me. Ne nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖe si le ame me koe Satana nye la, aleke nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖe ate ŋu anɔ Mawu si de blibo le goawo katã me la me si wòanɔ nu ƒom na? (5 Mose 32:4; Hiob 2:1-6) Edze ƒãa be ame si li ŋutɔŋutɔe Satana nye, ke menye vɔ̃ɖinyenye aɖe si ŋu woƒo nu tsoe abe amee wònye ene o.\nNU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?\nNu si tae Satana di be nàxɔe ase be menye ame si li ŋutɔŋutɔe yenye o la sɔ kple ale si ko nu vlo wɔla aɖe madi be amewo nadze si ye o ale be yeayi edzi anɔ se dzi dam le adzame. Be nàkpɔ ɖokuiwò ta tso Satana si me la, nu gbãtɔ si wòle be nàwɔe nye be nànya be enye ame si li ŋutɔŋutɔ.\nAfi kae Satana le?\n\"Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ.\"\n—Nyaɖeɖefia 12:12.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme geɖe xɔe se be Satana le dzo mavɔ me le anyigba ƒe titina. Ame bubuwo hã susui be enɔa ame vɔ̃ɖiwo me.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nEsi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Satana nye ta la, ele afi si ŋku mate ŋu akpɔ o. Ɣeaɖeɣi va yi la, woɖe mɔ na Satana wòyiaa afi si Mawu kple mawudɔla wɔnuteƒewo nɔna la faa. (Hiob 1:6) Gake fifia la, wònyae ɖa le Mawu ŋkume, eye woxe mɔ ɖe eya kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi bubuwo nu wotsi anyigba ƒe nutowo me.\nÐe esia fia be Satana le anyigba ƒe teƒe ɖeka aɖe koŋua? Ðewohĩ èxlẽe kpɔ be blemadu Pergamo nye \"afi si Satana le.\" (Nyaɖeɖefia 2:13) Le nyateƒe me la, ale si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe du ma mee wowɔnɛ. Satana mele anyigba ƒe teƒe aɖe koŋ si woate ŋu akpɔ kple ŋku o. Ke boŋ ɖe Biblia gblɔ be etɔe nye \"anyigba dzi nɔlawo ƒe fiaɖuƒewo katã.\"\nÐe Satana ate ŋu awɔ nu vevi amewo alo akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzia?\n\"Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.\"\n—1 Yohanes 5:19.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nAmeƒomea ƒe akpa gãtɔ ɖe mɔ Satana flu wo, eye wova le eƒe ŋusẽ te. (2 Korintotɔwo 11:14) Nyateƒenya sia ɖe nu si tae amegbetɔwo mete ŋu le asi trɔm le xexea me ƒe nɔnɔmewo ŋu be woanyo o la fia.\nNU SI NÀTE ŊU AWƆ\nMele be nàna Satana ƒe ŋusẽ nado vɔvɔ̃ na wò o. Be màgadze Satana ƒe asi me alo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o la, ele be nànya nu tso ale si wòblea amewoe la ŋu ale be 'eƒe nugbeɖoɖowo maganɔ manyamanya' na wò o. (2 Korintotɔwo 2:11) Ne èxlẽa Biblia la, ànya nu tso Satana ƒe ayemɔwo ŋu nyuie, eye esia awɔe be àkpɔ ɖokuiwò ta tso esi me.\nTsɔ nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ƒu gbe. (Dɔwɔwɔwo 19:19) Nu siawo dometɔ aɖewoe nye atiblɛ, agbalẽ, video, ha kple kɔmpiutaɖoɖo siwo doa gbɔgbɔyɔyɔ kple afakaka ɖe ŋgɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201306\/%C9%96e-satana-nye-ame-si-li-%C5%8But%C9%94%C5%8But%C9%94a\/","date":"2021-06-12T18:20:37Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623487586239.2\/warc\/CC-MAIN-20210612162957-20210612192957-00173.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978366494,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978366494178772}","num_words":589,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.255,"stopwords_ratio":0.273,"flagged_words_ratio":0.003,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Obadia\nƒe agbalẽ\n1\nObadia ƒe Ŋutega\n1 Ŋutega si Obadia kpɔ.\n1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi:\nMíese gbe tso Yehowa gbɔ be,\nwodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be,\n\"Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!\"\n2 \"Edom, kpɔ ɖa,\nmawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome\neye maɖi gbɔ̃ wò vevie.\n3 Wò dzi ble wò, eye nèdana\nelabena èle agakpewo tome,\neye nèle togbɛwo tame ke.\nÈgblɔ le wò dzi me be:\n'Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?'\n4 Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene\neye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la,\nmatutu wò aƒu anyi tso afi ma.\"\nYehowae gblɔe.\n5 \"Ne fiafitɔwo va fi wò,\neye adzodalawo va dze dziwò\nle zã me hefi wò nuwo ɖe,\nwomagblẽ nanewo ɖi na wò oa?\nO, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm!\nNe waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe,\nɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?\n6 Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia,\nwoagblẽ eƒe kesinɔnu siwo\nwòdzra ɖo la katã dome.\n7 Ame siwo le dziwò la,\nanya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke,\nxɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò.\nAme siwo ɖua wò abolo la,\natre mɔ na wò,\nke mànyae be mɔ le afi ma o.\n8 \"Le ŋkeke ma dzi la,\nmatsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom\neye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa\nle Esau ƒe towo dzi.\"\nYehowae gblɔe.\n9 Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake\nle Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ\neye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la,\natsi yi nu.\n10 Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la,\nŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.\n11 Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ\neƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe\neƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi.\nWò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.\n12 Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la,\nmele be wòazu ŋunyɔnu na wò o\nalo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu\nalo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.\n13 Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me\nle woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o,\nmigado vlo wo le woƒe gbegblẽ me,\nle woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o\neye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si\nle woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.\n14 Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be\nmiawu woƒe aʋasilawo\nalo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi\nle woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.\n15 \"Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã.\nAle si miewɔ Israel la,\nnenema kee woawɔ miawo hãe.\nMiaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ la\natrɔ ava miaƒe tawo dzi.\n16 Abe ale si mienoe\nle nye to kɔkɔe la dzi ene la,\nnenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee;\nwoanoe, aganoe eye wòanɔ\nabe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene.\n17 Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi\neye wòanye kɔkɔeƒe.\nYakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.\n18 Yakob ƒe aƒe anye dzo,\nYosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe\neye Esau anye gbe ƒuƒu.\nWoatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ.\nAme aɖeke matsi agbe\nle Esau ƒe aƒe me o.\"\nYehowae gblɔe.\n19 Azɔ dziehetɔwo atrɔ\nava nɔ Esau ƒe towo dzi,\name siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la\naxɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si\neye Efraim kple Samaria azu wo tɔ.\nKe Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ.\n20 Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la\naxɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke;\nYerusalemtɔ siwo le aboyo me\nle Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb.\n21 Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi\neye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma.\nFiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-21","url":"https:\/\/ebible.org\/ewe\/OBA01.htm","date":"2022-05-19T13:09:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-21\/segments\/1652662527626.15\/warc\/CC-MAIN-20220519105247-20220519135247-00492.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9990369081,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9990369081497192}","num_words":599,"character_repetition_ratio":0.054,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.246,"stopwords_ratio":0.245,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tso gbe aɖe gbe kee ŋutasẽnuwɔwɔwo xɔ aƒe ɖe anyigba dzi. Ðe wòayi edzi alea ɖaa?\nAleke Mawu bua ŋutasẽnuwɔwɔe?\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nMawu subɔla geɖewo bunɛ be ŋutasesẽ le ame si di nya le ame ŋuti ŋu ya menye nu gbegblẽ o. Eye ame miliɔn geɖewo bua ŋutasẽnu siwo wowɔna le filmwo me be wonye modzakaɖeɖe siwo sɔ.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nNiniwe si nye blema Asiria Fiaɖuƒea ƒe fiadu la ƒe glikpowo gakpɔtɔ le du si woyɔna be Mosul le Irak ƒe dziehe va se ɖe egbe. Le ɣeyiɣi si me amewo de ha le dua me kpaŋkpaŋ la, Biblia ya gblɔe ɖi be Mawu ana \"Niniwe nazu aƒedo.\" (Zefaniya 2:13) Mawu gblɔ tso dua ŋu be: \"Mana nàzu nukpɔkpɔ.\" Nu ka tae? Elabe Niniwe nye \"du si kɔa ʋu ɖi.\" (Nahum 1:1; 3:1, 6) Eye Psalmo 5:6 gblɔ be: \"Yehowa tsri ŋutasẽlawo.\" Abe ale si Niniwe ƒe glikpowo nye kpeɖodzi ene la, Mawu wɔ eƒe nyaa dzi.\nSatana Abosam si nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe futɔ gãtɔ la gbɔe ŋutasẽnuwɔwɔ dzɔ tso. Yesu yɔ Satana be 'amewula.' (Yohanes 8:44) Gawu la esi wònye be \"xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te\" ta la, eƒe nɔnɔmewo dzena le ale si amewo bua ŋutasẽnuwɔwɔe me hekpe ɖe ale si amewo kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋutasẽnu siwo wowɔna le filmwo me ŋu la ŋu. (1 Yohanes 5:19) Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míalé fu ŋutasẽnuwɔwɔ eye míalɔ̃ nu siwo Mawu lɔ̃na. * Ðe wòanya wɔa?\n'Yehowa léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.'—Psalmo 11:5.\nÐe ŋutasẽnuwɔlawo ate ŋu atrɔa?\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAmegbetɔwo dzɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ, eya ta womate ŋu atrɔ o.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia gblɔ be: \"Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye, eye nya veamewo kple yakanyawo negado le mia nu o.\" Egagblɔ hã be: \"Miɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.\" (Kolosetɔwo 3:8-10) Ðe nu si Mawu bia tso mía si la sesẽ akpa? Ao. Amewo ate ŋu atrɔ. * Aleke wòanya wɔe?\nNu gbãtɔ si hiãe nye be sidzedze vavãtɔ nasu asiwò ku ɖe Mawu ŋu. (Kolosetɔwo 3:10) Ne ame si si dzi nyui le srɔ̃ nu tso Wɔla la ƒe nɔnɔme kple dzidzenu lédzinamewo ŋu la, lɔlɔ̃ ʋãnɛ wòtena ɖe Mawu ŋu eye wòlɔ̃na be yeawɔ nu si dzea eŋu.—1 Yohanes 5:3.\nNu eveliae nye ame siwo míedea ha kple. \"Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègado ka kple dzikutɔ o, ne nàva srɔ̃ eƒe mɔwo, eye wòazu mɔ̃ aɖe wò o.\"—Lododowo 22:24, 25.\nNu etɔ̃liae nye nunya. Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be le nyateƒe me la, gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe le ame siwo wɔa ŋutasẽnuwo la ŋu, eyae nye be wometea ŋu ɖua wo ɖokuiwo dzi o. Gake ŋusẽ ememetɔ le ame fatuwo ya si. Lododowo 16:32 gblɔ be: \"Ame si gbɔa [dzi ɖi] blewu la nyo wu kalẽtɔ.\"\n\"Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã.\"—Hebritɔwo 12:14.\nÐe ŋutasẽnuwɔwɔ nu ayi gbe aɖe gbea?\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nTso gbe aɖe gbe kee ŋutas��nuwɔwɔ li eye anɔ anyi tegbee.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\n\"Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o . . . Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.\" (Psalmo 37:10, 11) Ɛ̃, Mawu atu nu kple ame siwo lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ abe ale si wòtui kple blema Niniwetɔwo ene eye wòaxɔ na ame fafawo kple ŋutifafamewo. Eye tso ema dzi la, ŋutasẽnuwɔwɔ magagblẽ ŋutifafa me le anyigba dzi gbeɖegbeɖe o!—Psalmo 72:7.\nEya ta fifiae wòle be míasrɔ̃ ale si míanye ŋutifafamewo ale be Mawu nave mía nu. Eya ŋuti 2 Petro 3:9 gblɔ be: 'Yehowa gbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.'\n\"Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.\"—Yesaya 2:4.\n^ mm. 7 Mawu ɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ aʋa aʋli woƒe anyigba ta. (2 Kronika 20:15, 17) Gake esia nu va yi esi Mawu tso nubabla si nɔ eya kple Israel-viwo dome la me eye wòɖo Kristo-hame, si si anyigba aɖeke koŋ mele o la anyi.\n^ mm. 11 Ame siwo te ŋu trɔ la ƒe ŋutinyawo dzena le Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye \"Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm\" me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201505\/nya-si-biblia-gbl%C9%94-%C5%8Butas%E1%BA%BDnuw%C9%94w%C9%94\/","date":"2021-04-20T19:42:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-17\/segments\/1618039490226.78\/warc\/CC-MAIN-20210420183658-20210420213658-00032.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960927963,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960927963256836}","num_words":691,"character_repetition_ratio":0.056,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.257,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.001,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ January 2015 | Dziɖuɖu Si Mewɔa Nu Fitifiti O\nAmewo gblɔna le xexea me godoo be dziɖuɖudɔwɔƒewoe nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖo wu. Ðe dziɖuɖu aɖe li si mewɔa nu fitifiti oa, alo drɔ̃eƒenya koe wònye?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐewohĩ kuxia nu sẽ wu ale si nèsusui.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ade aɖewo ɖee fia be nu fitifiti wɔwɔ aɖeke manɔ Fiaɖuƒea me gbeɖe o.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nEsi Mayli Gündel fofo ku la, megaxɔa Mawu dzi se o. Nu kae kpe ɖe eŋu wògaxɔ Mawu dzi se eye eƒe dzi dze eme?\nNu sia nu ate ŋu asu ƒome aɖe si, evɔ woaɖo ko le nu si le vevie wu la gome.\nDzesideŋkɔ \"ame tata\" si wozã le Biblia me la gɔme ɖe? Nu ka tae alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔ?\nYesu ŋutɔ ɖo biabia la ŋu.\nMawue wɔ amegbetɔwoa, alo lãwo mee wodzɔ tso?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu-kple-ŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la nya nu siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme la nyuie.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-21","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/wp20150101\/","date":"2021-05-16T11:56:53Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-21\/segments\/1620243991269.57\/warc\/CC-MAIN-20210516105746-20210516135746-00491.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9970213175,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9970213174819946}","num_words":193,"character_repetition_ratio":0.068,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.218,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Togbɔ be blemagbalẽe Biblia nye hã la, emenyawo ɖea vi ɣesiaɣi. Nya si wògblɔ tso dɔwɔwɔ ŋu la gasɔ na míaƒe ɣeyiɣia egbea abe ale si ko wòsɔ na Biblia-ŋlɔɣi me tɔwo ene.\nSusu nyui kae wòle be wòanɔ mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu?\nNYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA\nDɔkpɔkpɔ mele bɔbɔe o, eya ta ne èkpɔ ɖe la, ele be nàtsɔe vevie wu nu sia nu le agbe me. Tamebubu alea wɔe be ame aɖewo vuna ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu ale gbegbe be womegatsɔa ɖeke le woƒe ƒomea kple woawo ŋutɔwo ƒe lãmesẽ me o.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia dea dzi ƒo na mí be míada asɔ le dɔwɔwɔ gome. Eƒo nu nyui tso kutrikuku ŋu, eye wògblɔ be míatsri kuviawɔwɔ. (Lododowo 6:6-11; 13:4) Ke hã Biblia mede dzi ƒo na mí be míanye dɔ tsu wɔlawo o. Ede dzi ƒo na mí boŋ be míadi ɣeyiɣi aɖe modzaka si da sɔ hã. Nyagblɔla 4:6 gblɔ be: \"Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.\" Eya ta mele be míavu ɖe dɔwɔwɔ ŋu ale gbegbe be míado kpo ɖetsɔtsɔ le míaƒe ƒomea kple míaƒe lãmesẽ me o. Meɖea vi aɖeke ne míewɔa dɔ ɖeɖi tea ŋu mía ŋu belibeli o!\n\"Naneke menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.\"—Nyagblɔla 2:24.\nDɔ ɖe sia ɖe ƒomevie nyoa?\nNYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA\nNe fetua nya nyo ko la, efia be dɔa nyo. Tamebubu alea kple gakpɔkpɔ bɔbɔe ƒe dzodzrowo wɔe be ame aɖewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nu fitifitiwo wɔwɔ me eye wowɔa dɔ siwo mele se nu o gɔ̃ hã.\nLe ame aɖewo hã gome la, dɔ siwo ana woanɔ dzidzɔ kpɔm ɣesiaɣi ko wodina. Ne menye dɔ mae wole mɔ kpɔm na be yewoawɔ o alo dɔa menana wozãa woƒe ŋusẽ atraɖii o la, dɔa tia wo. Esia wɔe be wobua woƒe dɔwɔɖuia be menyo o, eye womedoa vevie dɔa wɔna o. Wogbea dɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔwɔ, elabe wobua dɔ mawo be wonye dɔ tsɛwo.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia meda asi ɖe dɔ siwo lɔ nu fitifiti wɔwɔ ɖe eme kple dɔ siwo me tsonuwo agblẽ nu le amewo ŋu le mɔ aɖe nu la dzi o. (3 Mose 19:11, 13; Romatɔwo 13:10) Dɔ nyui ɖea vi na ame bubuwo eye wònana be \"dzitsinya nyui\" nɔa dɔa wɔlaa ŋutɔ si.—1 Petro 3:16.\nBiblia gafia mí hã be taɖodzinu nyui aɖe le dɔwɔwɔ ŋu, eya koŋue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míawo ŋutɔ kple míaƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ, ke menye be míado dzidzɔ na mía ɖokuiwo ko o. Togbɔ be naneke megblẽ le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe míaƒe dɔwɔɖuia ŋu ŋu o hã la, mele be míana míaƒe dɔwɔɖuia nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o.\nEnye nyateƒe be nuwo ƒe asixɔxɔ ate ŋu ana be míatsi dzi ɖe ale si míawɔ akpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo ŋu, gake Biblia gblɔ na mí be míada asɔ. Egblɔ be: \"Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.\" (1 Timoteo 6:8) Nya mawo mefia be míate nu nyuiwo mía ɖokuiwo le agbe me o. Ke boŋ míanya nu siwo míate ŋu aƒle le míaƒe ŋutete nu, eye míada asɔ le nu agbɔsɔsɔ si míate ŋu aƒle hã gome.—Luka 12:15.\nALE SI NYA SIA KA WÒE\nKu kutri le wò dɔwo wɔwɔ me. Tsɔ ɖe le dɔa me vevie. Ne ewɔna na wò be dɔa le tsɛe na ye akpa alo menye dɔ mae yedi be yeawɔ le agbe me o hã la, dze agbagba nàbi ɖe eme. Veviedodonu ana nàse le ɖokuiwò me be yele nu vevi aɖe wɔm le agbe me, eye ne ètu wò dɔwɔɖaŋu ɖo wòganyo ɖe edzi la, àse vivi na dɔa geɖe wu.\nGake ehiã be nàda asɔ hã. Gbɔ ɖe eme eye nàɖe modzaka hã ɣeaɖewoɣi. Eye ne míewɔ dɔ kutrikukutɔe hafi va le nu siawo wɔm la, míegasea vivi na wo wu gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míetea ŋu kpɔa míaƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ la, míesena le mía ɖokuiwo me be viɖe le mía ŋu le agbe me eye míaƒe ƒomea kple ame bubuwo hã bua mí.—2 Tesalonikatɔwo 3:12.\n\"Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be: 'Nu kae míaɖu?' alo 'Nu kae míano?' alo 'Nu kae míado?' hã o. . . . Mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.\"—Mateo 6:31, 32.","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201507\/d%C9%94w%C9%94w%C9%94-mawunyakpukpui-biblia\/","date":"2021-10-16T18:03:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-43\/segments\/1634323584913.24\/warc\/CC-MAIN-20211016170013-20211016200013-00344.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9968232512,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.996823251247406}","num_words":723,"character_repetition_ratio":0.05,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.253,"stopwords_ratio":0.216,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 6 2017 | Nu Kae Nye Nunana Nyuitɔ Kekeake?\nNU KAE NÈSUSU?\nAme kae nye nunana gãtɔ kekeake nala le xexea me?\n\"Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo, tso kekeliwo Fofo la gbɔ, eye eya metrɔna abe ale si vɔvɔli nɔa tɔtrɔm ene o.\"—Yakobo 1:17.\nGbetakpɔxɔ sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana nyuitɔ kekeake ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÀdi be yeana nu ame aɖe si ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖo alo wò ŋutɔ nàxɔ nunana aɖe si ana dzi nadzɔ wò veviea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBe woabu nunana nyui aɖe si woana ame wòadze eŋu ŋu la mele bɔbɔe kura o. Nyateƒeae nye be ame si wona nui lae akpɔ asixɔxɔ si le eŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nLe nunana gbogbo siwo Mawu na amegbetɔwo dome la, wo dometɔ aɖe ƒo ɖe sia ɖe ta.\nYesu ƒe nɔnɔmetata dze le nutala gbogbo aɖewo ƒe nutatawo me ƒe alafa geɖe. Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eƒe dzedzeme ŋu?\nMíeɖanye ame tsitsiwo alo ɖeviwo o, nuteƒekpɔkpɔ ka kee ɖasu mía si o, mí katã míedaa vo. Gake aleke míawɔ anɔ te ɖe vodadawo nu?\nSusu vevi si ta Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo li nyanya akpe ɖe ŋuwò.\nÐe ame siwo nɔ Yesu ŋu kplikplikpli la ɖu Kristmas kpɔa?\nArmagedon nye nya si dea vɔvɔ̃ lãme na amewo, ke hã nu ka tututue wònye?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAme geɖewo ɖua Kristmas togbɔ be wonya afi si wòdzɔ tso hã. Xlẽ nu tso nu si tae Yehowa Ðasefowo meɖua Kristmas o la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201711\/","date":"2018-01-21T07:59:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084890314.60\/warc\/CC-MAIN-20180121060717-20180121080717-00655.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959136844,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959136843681335}","num_words":259,"character_repetition_ratio":0.064,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.224,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Afi kae ame kukuwo le?\n\"Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!\"—1 Mose 3:19.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme aɖewo gblɔna be agbe gale agbe sia godo. Wosusuna be kukuawo yina ɖanɔa agbe le dziƒo, dzo mavɔ me, ŋutiklɔdzo alo Limbo me. Ame bubuwo hã xɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Eye ame siwo melɔ̃a mawusubɔsubɔnya o hã xɔe se be ku nye amegbetɔwo ƒe nuwuƒe.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nNyagblɔla 9:10 gblɔ be, \"nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nàla o.\" Biblia gblɔ nu si dzɔna ɖe amewo kple lãwo dzi ne woku la hã na mí. Egblɔ be: \"Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.\"\nNɔnɔme ka mee kukuawo le?\n\"Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.\"—Psalmo 146:4.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nWofia ame geɖe be nu si me ame tona ne eku la nɔ te ɖe nu siwo wòwɔ esime wòle agbe la dzi. Wobe ne ewɔ nu nyui la, ayi dzidzɔ mavɔ me; gake ne ewɔ nu vlowo la, ayi fukpekpe mavɔ me. Wogblɔna be ele be woaklɔ nu vɔ̃ le amegbetɔwo ŋuti hafi woate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume ne woku. Gake dzidzɔ sia bɔa ame siwo ŋuti womeklɔ nu vɔ̃ le o la ya tegbee.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nKukuawo mekpɔa dzidzɔ alo sea veve o. Esi wònye be kukuawo menyaa naneke o ta la, womate ŋu awɔ naneke o; eye womate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nu vevi hã wo o. Nyagblɔla 9:5, 6 gblɔ be: \"Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, . . . woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbe aɖe gbe ke, eye womagakpɔ gome le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.\"\nÐe ame kukuwo agava anɔ agbe akea?\n\"Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.\"\n—Hiob 14:14.\nNYA SIWO AMEWO GBLƆNA\nAme geɖe xɔe se be ne ame aɖe yi dzo mavɔ me ko la, ke evɔ nɛ tegbee. Wobe wowɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me tegbee. Gake wogblɔna hã be ne woklɔ nu vɔ̃ le ame siwo le ŋutiklɔdzo me la ŋuti ko hafi woakpɔ dzidzɔ le dziƒo.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMawu ƒe Vi la afɔ ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi. Biblia gblɔ be: \"Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.\" (Yohanes 5:26, 28, 29) Ale si ame siwo wofɔ ɖe tsitre anɔ agbee la dzie woanɔ te ɖo ana agbe mavɔ wo loo alo atsrɔ̃ wo ɖikaa. *","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201406\/ku\/","date":"2020-01-19T17:05:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250594662.6\/warc\/CC-MAIN-20200119151736-20200119175736-00349.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9986006618,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9986006617546082}","num_words":458,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.203,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 301\nStanza 1\nDzudzɔ enye nu nyui gã,\nSi dzroa mí katã.\nEya ta mido vevi,\nBe míakpɔe vavã\nTo Yesu me!\nMiakpɔe l'a-fia-ɖeke o,\nNegbe le Yesu gbɔ ko\nMíakpɔ dzudzɔ.\nStanza 2\nLe anyigba sia dzi la\nDzudzɔ meli o.\nSatan, nu vɔ̃, amewo\nWoɖea fu na mí;\nVevesese,\nFukpekpe kple hiãtume,\nDɔléle kpakple ku nu\nMetsina o.\nStanza 3\nYesue ko ana dzudzɔ\nVavãtɔ la mí.\nEya ta wòtso dziƒo\nVa anyigba dzi.\nEle mía yɔm!\nEle didim be, yeana\nEƒe nu nyuiwo katã\nKple dzudzɔ mí.\nStanza 4\nYesu koe ana dzudzɔ\nTso nu vɔ̃ si me;\nEɖu abosam hã dzi\nÐe mí l'e-si me.\nYesu dze ŋgɔ!\nNe míegblẽ xexeme ɖi\nDze Yesu yome l'a-fii,\nMíakpɔ dzudzɔ.\nStanza 5\nDzudzɔ la le mawuƒe!\nWodzrae ɖo xoxo\nNa'mesi wɔa nuteƒe\nSeɖe ku me ke.\nDzudzɔ vavã!\nEyata zu Yesu tɔ,\nNe nakpɔ dzudzɔ l' egbɔ:\nDzudzɔ mavɔ!","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-301\/","date":"2022-01-28T12:41:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00639.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9944749475,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9944749474525452}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.258,"stopwords_ratio":0.142,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GEC Ewe Hymn 307\nStanza 1\nÐe míagaŋlɔ ame si\nMeŋlɔ mí be o bea?\nÐe míagaŋlɔ ame si\nYɔ dɔ mía luʋɔ bea?\nTsã míenɔ viviti me,\nEva, be yeaɖe mí;\nEya ta eƒe lɔlɔ̃\nYɔ míaƒe dzi me fũ.\nStanza 2\nÐe nyemalɔ̃ ame si\nFia agbetsim, o ma?\n'Labe tsi sia ɖia kɔ nam,\nNe tsikɔ le wuyem.\nMíeklãe ɖ'a-titsoga ŋu\nTo mía nu vɔ̃wo me.\nAzɔ le ele dziƒo,\nMía xɔla vevi la!\nStanza 3\nMalɔ̃e kple nye dzi blibo\nVa se ɖe ku me ke;\n'Labe ekpɔ nublanui,\nTsɔ nye nu vɔ̃wo kem.\nLe gaƒoƒo mamlɛ dzi,\nAkpe ɖe ŋutinye,\nAnya futɔ la ɖa nam,\nAkplɔm ayi aƒe.","id":"","dump":"CC-MAIN-2022-05","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-ewe-hymn-307\/","date":"2022-01-28T11:13:42Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2022-05\/segments\/1642320305494.6\/warc\/CC-MAIN-20220128104113-20220128134113-00105.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9963240027,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9963240027427673}","num_words":109,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.272,"stopwords_ratio":0.202,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Edzɔa dzi na mí ɣesiaɣi be míana fetu nyui aɖe wò! Be wòadze ŋuwò kple asiɖeɖe le nu ŋu fafɛwo eye wòana dodoɖeŋgɔ nyuitɔwo kekeake!\n3 tiatia siwo nàte ŋu awɔ\nxɔ asiɖeɖe le eŋu:\n* Dada, xɔlɔ̃, ƒometɔ ƒe dzigbezã\nGɔmesese le eŋu na wò eye do ŋgɔ la, míaɖe asi le eŋu na wò\nwoɖe asi le eŋu va ɖo 30%Gblɔ ŋkeke siwo dzi woawɔe\n*Àxɔ bonus ne xɔ̃wò aɖe wɔ nudɔdɔ vɔ.\nNe xɔ̃wò aɖe wu nudɔdɔ aɖe nu vɔ la, mia kple xɔ̃wòa miekpɔ mɔ awɔe\nwoɖe asi le eŋu 5 €Wɔ Kɔdamɔnu\n*Ðe wò nuɖuɖu ƒe screenshot ɖe mí\nNe èŋlɔ míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ŋu nya ɖe Facebook dzi la, àxɔe\n2% ƒe asiɖeɖe le eŋuHee ɖa anyi\nWò nudɔdɔa ƒe foto\nNunana ƒe nɔnɔmetata 30x40\n-\n1.\nÐe foto kple wò nudɔdɔ!\n-\n2.\nMiɖo foto dzeani aɖe si me nutata aɖe le ɖe mí!\n-\n3.\nNa 30x40 cm ƒe canvas naxɔ femaxee!\n120x80cm ƒe didime\nWò Nudɔdɔ ƒe canvas 120X80\nNunana ƒe nɔnɔmetata 30x40\n1 nɔnɔmetata abe nunana ene","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-14","url":"https:\/\/viarcanvas.com\/ee\/new\/stocks","date":"2023-03-25T05:14:21Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-14\/segments\/1679296945315.31\/warc\/CC-MAIN-20230325033306-20230325063306-00107.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9958003163,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9958003163337708}","num_words":165,"character_repetition_ratio":0.079,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.267,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ August 2015 | Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Ðe Wòanya Wɔa?\nBiblia ɖo nyabiase sia ŋu, eye wògana kpeɖodzi sẽŋu si ana míaka ɖe eƒe ŋuɖoɖoa dzi hã mí.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme enyi siwo wofɔ tso ame kukuwo dome la ƒe ŋutinyawo le Biblia me. Ðe wogblɔ nu si dzɔ ɖe wo dzi le ku mea?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae Mawu agbɔ agbe ame madzɔmadzɔwo ɖo?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nBiblia na kpeɖodzi sẽŋu eve siwo tae míate ŋu aka ɖe tsitretsitsia dzi.\nAGBEMEŊUTINYA\nFélix Alarcón dze afɔku vevie esime wònɔ dzokeke dzi, si wɔe be wòtu tso eƒe kɔ va ɖo afɔ gbɔ. Esia megbe la, eva ke ɖe tameɖoɖo vavã si le agbe ŋu la ŋu.\nIMITATE THEIR FAITH\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Debora ƒe ŋutinya si le Biblia me la me tso xɔse kple dzideƒo ŋu?\nTameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Nu ka tae wowɔ amegbetɔwo ɖo?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe èɖu vɔvɔ̃ na ku dzi la, àte ŋu ase vivi le agbe me.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150801\/","date":"2018-01-19T06:56:28Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-05\/segments\/1516084887746.35\/warc\/CC-MAIN-20180119045937-20180119065937-00200.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987329841,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987329840660095}","num_words":175,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 3 2017 | Mawu Gbɔe Biblia Tso Nyateƒea?\nMawu gbɔe Biblia tso loo alo amegbetɔ ƒe susue le emea?\n\"Nyɔ!\" magazine sia ƒo nu tso kpeɖodzi etɔ̃ siwo na míeka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso la ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAme aɖewo susu be Biblia tso Mawu gbɔ le mɔ aɖe nu. Ame bubuwo hã susu be enye blemaglitotowo, ŋutinyawo kple amegbetɔwo ƒe sedede siwo woŋlɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMenye ɖeko Biblia ƒo nu tso nuwɔwɔwo ŋu tsitotsito xoxo do ŋgɔ hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ɖe eme o, ke egblɔ fiaɖuƒewo ƒe dodo kple woƒe anyidzedze hã ɖi eye wòɖo agbemebiabia vevitɔwo hã ŋu.\nHELP FOR THE FAMILY\nÐe wò sesẽna na mi be míaɖo aƒemedɔwo na mia viwoa? Ne nenemae la, ekema na míakpɔ ale si ɖeviwo ƒe asikpekpe ɖe aƒemedɔwo ŋu ana woatsi ava zu ame ɖɔʋuwo eye woakpɔ dzidzɔ la ɖa.\nWò ƒodo me koŋue 'lãmetsiwo ƒe dɔwɔƒe' deŋgɔ sia le. Kpekpeɖeŋu ka tututue wònana wò?\nINTERVIEW\nEsi Agbalẽnyalagã Fan Yu dze eƒe dɔwɔɖui si nye akɔntabubu ŋuti numekuku gɔme la enye ame aɖe si xɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafiawo dzi se. Fifia exɔe se be Mawu gbɔe agbe dzɔ tso. Nu ka tae?\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nWoƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu le agbalẽwo kple filmwo me eye wodzena le nutatawo hã me. Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso wo ŋu?\nWAS IT DESIGNED?\nAmi titri aɖe le tɔmelã siwo dzia vi la dometɔ aɖewo ƒe ŋutigbalẽ te si nana vuvɔ mewɔa wo o. The sea otter ya zã mɔnu bubu aɖe.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia la, ɖe woate ŋu ayɔe be Mawu ƒe Nya wòasɔa? Ame ka ƒe susuwoe le Biblia me?","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2017-june\/","date":"2018-03-17T12:49:45Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257645069.15\/warc\/CC-MAIN-20180317120247-20180317140247-00153.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9991118908,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9991118907928467}","num_words":282,"character_repetition_ratio":0.055,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.234,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYƆ! No. 3 2016 | Gbegbɔgblɔ Vovovowo Mexe Mɔ Na Mí O\nYehowa Ðasefowo ɖoe be yewoawɔ dɔ gã si nye gbegɔmeɖeɖedɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae Yehowa Ðasefowo ɖea woƒe agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ gbogbowo me?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nGbegɔmeɖela aɖe gblɔ ale si wowɔa ɖoɖo ɖe woƒe dɔa ŋui.\nPORTRAITS FROM THE PAST\nEle be ƒome ɖe sia ɖe si li egbea nada akpe na ŋutsu sia. Nu ka tae?\nHELP FOR THE FAMILY\nVovototo le ale si ŋutsuwo kple nyɔnuwo ɖoa dzee dome. Ne ède dzesi vovototoa la, akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nugɔmemasemase.\nTHE BIBLE'S VIEWPOINT\nBiblia gblɔ be, 'ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.' Nu ka koŋue nye xɔse? Aleke míawɔ xɔse nasu mía si?\nÐe afɔku aɖe le eme ne míawo ŋutɔwo míedzudzɔ nanewo ɖuɖua?\nWAS IT DESIGNED?\nAleke anyidi wɔna hafi kɔa agba siwo kpe wu eƒe ametia sãsãsã?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBiblia me nyawo gɔme ɖeɖe si de pɛpɛpɛ le vevie hafi Biblia me nyateƒea nate ŋu aɖo ame geɖe gbɔ. Aleke wole dɔ sia wɔmee? Kuxi kawoe gbegɔmeɖelawo le go domee?","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-05","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no3-2016-june\/","date":"2020-01-21T09:14:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-05\/segments\/1579250601628.36\/warc\/CC-MAIN-20200121074002-20200121103002-00468.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978750348,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978750348091125}","num_words":192,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.225,"stopwords_ratio":0.177,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ April 2013 | Àte Ŋu Anɔ Agbe Si Ŋu Viɖe Le\nMía Wɔla la di be míanɔ agbe si ŋu viɖe vavã le. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?\nCOVER SUBJECT\nNe míele fukpekpe kple xaxawo me tome la, míedina vevie be míanya ne viɖe le agbea ŋu vavã.\nCOVER SUBJECT\n\"Xlẽ nu tso nu ene aɖewo siwo na viɖe vavã nɔ Yesu ƒe agbe ŋu la ŋu.\"\nCOVER SUBJECT\nAgbemenudzɔdzɔwo ɖe ale si Yesu ƒe nya siwo wògblɔ le Todzimawunyaa me dzi wɔwɔ ate ŋu ana viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu la fia.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nTogbɔ be Esa kpɔ dzidzedze le haƒoƒo me hã la, ede dzesii be yeƒe dzi medze eme o. Xlẽ nu tso ale si heavy-metal hadzila sia wɔ va le dzidzɔ vavãtɔ kpɔm la ŋu.\nNu ka tae woyɔ blema dugã Niniwe be \"hlɔ̃dodu\" ɖo? Nu ka tae blema Yudatɔwo tɔa kpɔ ɖe woƒe xɔwo tame?\nDRAW CLOSE TO GOD\nXlẽ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo siwo le Luka ta 11, siwo ana nàka ɖe edzi be Mawu ase wò gbedodoɖawo la ŋu.\nIMITATE THEIR FAITH\nNu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Noa kple srɔ̃a kpakple woƒe ƒomea gbɔ?\nYehowa Mawu di be nànya nyateƒea. Akpe ɖe ŋuwò nàse Ŋɔŋlɔawo gɔme.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nKpɔ nyabiase siwo ku ɖe míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20130401\/","date":"2017-12-12T12:51:13Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948516843.8\/warc\/CC-MAIN-20171212114902-20171212134902-00334.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9959437251,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9959437251091003}","num_words":228,"character_repetition_ratio":0.043,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.228,"stopwords_ratio":0.215,"flagged_words_ratio":0.004,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 1 2016 | Ðe Wònyo Be Woanye Anukwareɖila?\nAme akpa gãtɔ daa alakpa zi ɖeka ya teti le miniti ewo ƒe dzeɖoɖo me. Ðe wòhiã be míawo ya míato vovoa?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu si me Hitoshi to la ate ŋu ana wòadze nenema.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nXlẽ nu tso nyateƒe si ku ɖe alakpadada ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAmewo gblɔ nu si me woawo ŋutɔwo to si ɖe anukwareɖiɖi ƒe vevienyenye fia.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nBiblia me nya si dze le 1 Yohanes 1:9 la wɔ dɔ ɖe Alain Broggio dzi ŋutɔ.\nAleke wowɔa agbalẽ xatsaxatsawo le Biblia-ŋlɔɣiwo, eye aleke wozãa woe? Woƒo nu tso \"nunɔlawo ƒe tatɔwo\" ŋu le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Ame kawoe woanya nye?\nNu etɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse le ɖokuiwò me be yele dedie.\nANCIENT WISDOM FOR MODERN LIVING\nMenye ɖeko Yesu gblɔ be míagatsi dzimaɖi o ko evɔ o, egblɔ ale si míawɔe hã.\nÐe kukuawo agava nɔ agbe akea?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nKpɔ nu etɔ̃ siwo Mawu wɔna na mí dɔmenyotɔe tsɔ kpena ɖe mía ŋu míeɖua blanuiléle dzi ɖa.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no1-2016\/","date":"2019-06-17T21:15:57Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998580.10\/warc\/CC-MAIN-20190617203228-20190617225228-00465.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9966961741,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9966961741447449}","num_words":188,"character_repetition_ratio":0.052,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.255,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu ka tae subɔsubɔhawo bɔ alea?\n\"Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, gake mielé fɔ ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya ŋu vevie.\"\n—Marko 7:8.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nMawusɔbɔsubɔ ƒe didi le amewo me eye woate ŋu aɖi kɔ na didi sia ne wosubɔ Mawu. (Mateo 5:3) Esi amewo le agbagba dzem be yewoaɖi kɔ na didi sia ta la, woɖo subɔsubɔha geɖewo anyi. Wotu subɔsubɔha siawo ɖe amegbetɔwo ƒe susuwo dzi ke menye Mawu ƒe susuwo dzi o.\nLe kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ tso subɔsubɔha aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me tɔwo ŋu be: \"Dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o; elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ wole didim be yewoaɖo yewo ŋutɔ tɔ anyi ta la, womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.\" (Romatɔwo 10:2, 3) Nenema kee, egbea hã subɔsubɔha gbogbo aɖewo li siwo fiaa \"amegbetɔwo ƒe sededewo.\"\nÐe wòhiã kokoko be nànɔ subɔsubɔha aɖe mea?\n'Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi o.'—Hebritɔwo 10:24, 25.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nHebritɔwo 10:25 zã nya siwo nye 'míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi o.' Nya mawo fia be Mawu di be amewo naƒo ƒu ɖekae ade ta agu le ɖoɖo nu. Gake ɖe wòfia be ame sia ame ŋutɔ nase ame si Mawu nye kple nu si wòdi tso mía si gɔme ale si eya ŋutɔ dia? Ao. Biblia gblɔ be ame siwo di be yewoasubɔ Mawu le mɔ si wòdi nu la, 'nagblɔ nya ɖeka eye be woawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.' (1 Korintotɔwo 1:10) Woanɔ hamewo me eye woalɔ̃ \"nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo\" si le xexea me godoo la katã. (1 Petro 2:17; 1 Korintotɔwo 11:16) Ehiã be amewo nanɔ subɔsubɔha wɔɖeka si le ɖoɖo nu sia me hafi woƒe nu nadze Mawu ŋu.\nÐe nàte ŋu akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze siia?\n\"Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.\"—Yohanes 13:35.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nBiblia wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ale si míawɔ akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze sii ŋu ale: \"Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe. Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi, alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o, alo menye nenemae oa?\" (Mateo 7:16) Mehiã be nànye atiŋutinunyala hafi ate ŋu ade vovototo gboti kple aŋɔka dome o; nenema kee mehiã be nanye subɔsubɔhaŋutinunyala hafi ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ o. Nu kawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ ƒe kutsetse aɖewo?\nSubɔsubɔha vavãtɔ fiaa nu tso lɔlɔ̃ vavãtɔ ŋu. (Yohanes 13:35) Efia amewo be woade bubu ameƒomevi ɖe sia ɖe ŋu, be woazã woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu eye be woaƒo asa na dukɔwo dome ʋawo.\n—Mixa 4:1-4.\nYehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo, dzea agbagba toa woƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ dzi dea bubu Mawu ŋu. Ðe manyo be nàde kpekpe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me be wò ŋutɔ nàkpɔ ale si nuwo yia edzi le afi mae oa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-25","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/g201407\/Sub%C9%94sub%C9%94ha\/","date":"2021-06-24T19:06:39Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-25\/segments\/1623488556482.89\/warc\/CC-MAIN-20210624171713-20210624201713-00303.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9984152913,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":4,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984152913093567}","num_words":495,"character_repetition_ratio":0.063,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.244,"stopwords_ratio":0.228,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Commerce 360\nDzedze le Agblea dzi\nDzedze le Agblea dzi\nMí katã míelɔ̃a adame ƒe amadedewo eye akpa sia hea adame vaa wò aƒea ƒe dzime tututu. Wotsɔ asi ŋlɔ agbledeʋu xoxoa ɖe alẽfu 100% dzi eye wotsɔ ati ƒe aŋgbawo kpe ɖe eŋu - akpa sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nye dɔmenyotɔ ɖeka. Fotoɖela Sandy Grisham ye ɖe fotoa le Ozark Towo dzi.\nAgbɔsɔsɔme: Frame 12X16, Fotowo 5X7\nNusiwo Wozãna\nNusiwo Wozãna\nDzidzemewo\nDzidzemewo\n29 inches high\n8 inches wide\n5 inches Deep\nBelélename ŋuti nyatakakawo\nBelélename ŋuti nyatakakawo\nNɔnɔmetata si me nuŋɔŋlɔ le\nTsɔ nuŋɔŋlɔ kpe ɖe nɔnɔmetata ŋu be nàlé fɔ ɖe nusi nètia, nuƒoƒoƒu, alo blog me nya si nèŋlɔ ŋu. Tsɔ nyatakaka siwo ku ɖe nusiwo li, atsyã, alo na numetoto gɔ̃ hã ŋu kpee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-50","url":"https:\/\/commerce360.trade\/ee\/products\/fall-on-the-farm","date":"2023-11-30T04:09:58Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-50\/segments\/1700679100164.87\/warc\/CC-MAIN-20231130031610-20231130061610-00221.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9998052716,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9998052716255188}","num_words":122,"character_repetition_ratio":0.072,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.218,"stopwords_ratio":0.213,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 5 2017 | Mawudɔlawo—Woli Ŋutɔŋutɔa? Nu Si Ta Nya Sia Le Vevie\nNU KAE NÈSUSU?\nÐe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa? Biblia gblɔ be:\n\"Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe gbe.\" —Psalmo 103:20.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso mawudɔlawo ŋu kple ale si woate ŋu akpe ɖe mía ŋui la ŋu.\nCOVER SUBJECT\nNuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo na ame geɖe xɔe se be mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu.\nCOVER SUBJECT\nBiblia me koe míakpɔ nyabiase siwo ku ɖe mawudɔlawo ŋu la ƒe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le la le.\nCOVER SUBJECT\nÈsusu be mawudɔla aɖe, alo mawudɔlawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòa?\nCOVER SUBJECT\nBiblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ.\nCOVER SUBJECT\nZi geɖe la, Mawu dɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ ɖa be woava kpe ɖe amewo ŋu.\nAmedzudzue wònye be Yesu ƒo nu tso ame siwo menye Yudatɔ o ŋu be wonye 'avuviwoa'?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nAleke ame aɖe si dzi mawudzimaxɔse kple kɔmiunist dziɖuɖu kpɔ ŋusẽ ɖo le eƒe ɖevime wɔ va srɔ̃ Biblia?\nIMITATE THEIR FAITH\nNu ka tae ŋkɔ yeye sia sɔ na Sara?\nEdze abe zi ale si fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ li la manya wɔ be tomefafa kple ŋutifafa nanɔ xexea me o ene. Ðe kuxi siawo gbɔ kpɔnu aɖe lia?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe ame ate ŋu asubɔ Mawu le mɔ si eya ŋutɔ di la nua?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-47","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2017-september\/","date":"2017-11-21T19:35:06Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-47\/segments\/1510934806422.29\/warc\/CC-MAIN-20171121185236-20171121205236-00672.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9913520217,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9913520216941833}","num_words":233,"character_repetition_ratio":0.08,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.227,"stopwords_ratio":0.18,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 6 2016 | Ŋutega Siwo Ðe Nu Siwo Le Dziƒonutowo Me Fia\nKpɔ nu siwo míate ŋu akpɔ o la le Biblia me.\nCOVER SUBJECT\nAnya wɔ be míake ɖe ŋuɖoɖo siwo dzi míate ŋu aka ɖo ŋu.\nCOVER SUBJECT\nNu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Yehowa Mawu, Yesu Kristo kple mawudɔla wɔnuteƒewo ŋu?\nMenye Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo koe xewo ɖe fia o, ke wokpena ɖe mía ŋu míedea ŋugble tso nu siwo le vevie wu la hã ŋu.\nAleke wòwɔ hafi te ŋu wɔ dɔ ma togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã?\nAGBEMEŊUTINYA\nÐevi aɖe dze afɔku vevie gake eva kpɔ nu si tae wòle be wòaxɔ Wɔla la dzi ase.\nÐe Mawu aɖo to wò gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋua?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAfi kae Satana dzɔ tso? Xlẽ nu tso nu si tae Yesu gblɔ be Abosam \"meli ke ɖe nyateƒe la me o\" la ŋu.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no6-2016-november\/","date":"2017-12-11T19:48:07Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948513866.9\/warc\/CC-MAIN-20171211183649-20171211203649-00761.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9960771203,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9960771203041077}","num_words":148,"character_repetition_ratio":0.037,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.237,"stopwords_ratio":0.209,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.995,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 4 2017 | Agbe Kple Ku—Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Eŋu?\nNU KAE NÈSUSU?\nÐe Mawu ɖoe be míakua? Biblia gblɔ be: \"[Mawu] atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o.\"—Nyaɖeɖefia 21:4.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nya si Biblia gblɔ tso agbe kple ku ŋu.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nEsi wònye be susu vovovowoe le amewo si le nu si dzɔna le ku megbe ŋu ta la, ɖe míate ŋu atrɔ ɖe afi aɖe akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowoa?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nÐe amegbetɔ ƒe akpa aɖe gayia edzi nɔa agbe le ku megbea? Ðe luʋɔ si mekuna o le mía mea? Afi kae ame kukuwo le?\nNu kae ƒometɔwo ate ŋu awɔ atsɔ alé be na woƒe ame vevi si le dɔ lém ɖo kudo nu eye woafa akɔ nɛ? Aleke ame siwo le be lém na dɔnɔa awɔ anɔ te ɖe woƒe seselelãmewo nu le amea ƒe dɔléɣia katã?\nElias Hutter si nye agbalẽnyala si nɔ anyi le ƒe alafa16 lia me ta Hebri Biblia eve eye woɖe vi ŋutɔ.\nNu kae Yesu wɔnɛ esi wòƒo nu tso Hebri ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeake ŋu?\nParadiso si bu la nye nya aɖe si ŋu woƒoa nu tsoe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me. Ðe anyigbaa agava zu paradisoa?\nEdze abe dzimaɖitsitsi anɔ amegbetɔwo dome ɖaa ene. Ðe enu ava yia?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nAle si Biblia ɖo nyabiase sia ŋui faa akɔ na ame henaa mɔkpɔkpɔ ame hã.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-17","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no4-2017-july\/","date":"2018-04-21T06:34:35Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-17\/segments\/1524125945037.60\/warc\/CC-MAIN-20180421051736-20180421071736-00534.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9977869391,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9977869391441345}","num_words":247,"character_repetition_ratio":0.046,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.24,"stopwords_ratio":0.231,"flagged_words_ratio":0.016,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"📣all watches on the official website are 20% OFF + free shipping this month🚀\nYour cart is currently empty.\n© 2023 fitvii\nFitvii Smartwatch GT5 >>\nFunction ranking guide of gaƒoɖokui vovovowo ƒe kpɔɖeŋuwo, di gaƒoɖokui si sɔ na wò wu\nƲu ƒe Ʋuʋudedi Dzi Kpɔkpɔ\nAlɔ̃dɔdɔ Dzi Kpɔkpɔ\nDzi ƒe t...\nSign up to get our first reply when encountering problems\n© 2023 fitvii\n| Powered by Shopify","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/blogs\/product-analogy","date":"2023-06-06T19:07:19Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224653071.58\/warc\/CC-MAIN-20230606182640-20230606212640-00709.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9870095849,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.987009584903717}","num_words":61,"character_repetition_ratio":0.059,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.243,"stopwords_ratio":0.115,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"1. Dzidzɔe wònye na mí bena\nMíefiaa Mawu ƒe Nyaa.\nYayra siwo míekpɔna la\nNye kesinɔnu gã.\nMa'u Vi la ƒe lɔlɔ̃ míasrɔ̃\nLe nufiafiadɔa me.\nBe míakpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu\nWoate ɖe Mawu ŋu.\n2. Mawu ƒe Nya fiala'o míenye.\nTa míanɔ agbe nyui,\nBene míaƒe nufiafia la\nNakafu Yehowa.\nKesinɔnu nyuiwo míadi\nLe Ma'u ƒe Nya la me\nAtsɔ afia nu mía ɖokuiwo\nKple ame bubuwo.\n3. Yehowa akpe ɖe mía ŋu\nLe nufiafiadɔa me.\n'Ya ta mina míado gbe ɖa\nAbia nunya vavã.\nMíelɔ̃ Mawu ƒe Nyaa vevie,\nMíexɔ edzi se hã.\nMíade dzi ƒo na nusrɔ̃lawo\nWoazu nufialawo.","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/ha%C6%92o%C6%92o-hadzidziwo\/midzi-ha-dzidz%C9%94t%C9%94e\/78-mawu-%C6%92e-nya-la-fialawo-m%C3%ADenye\/","date":"2019-06-18T10:46:56Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998716.67\/warc\/CC-MAIN-20190618103358-20190618125358-00007.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9987729788,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9987729787826538}","num_words":99,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.234,"stopwords_ratio":0.222,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMitsɔ hadzidzi kple bubu\nKafu mía Mawu gã\nEkaka 'lilikpo ɖe dzi,\nBe tsi xea lilia mo.\nEdɔ tsidzadza ɖ'a-nyigba,\nDo fafa gbadzaƒe,\nTsɔa gbe ɖoa 'tsyɔ̃ na togbeka,\nBli ʋã le bali me.\nStanza 2\nLe ƒetɔtrɔ Mawu trɔna\nAnyigba ƒe ŋkume.\nEdea se ɣe ƒe duƒuƒu,\nVuvɔŋɔli kplɔe ɖo.\nAfu kple pepi wɔa litii\nTsyɔ anyigba la dzi.\nTsi gbakawo hã gbɔa dzi ɖi,\nTɔsisiwo miena.\nStanza 3\nEƒoa nu, eye dzi kea dzo,\nEyome dzi ɖea gbe.\nEyɔ ahom be, wòava tu,\n'Ye adame gado;\nYa kple alilikpowo siaa\nSea eƒe ŋusẽgbe.\nMitsɔ hadzidzi kple bubu\nKafu dziɖula gã!","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-10","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-43\/","date":"2021-03-03T11:39:26Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-10\/segments\/1614178366959.54\/warc\/CC-MAIN-20210303104028-20210303134028-00066.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9995014668,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9995014667510986}","num_words":101,"character_repetition_ratio":0.082,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.241,"stopwords_ratio":0.188,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Kafukafunyawo\nEwɔ ɖeka kple mɔfiame si wozãna tsɔ wɔa nusiwo sɔ\nAfɔɖeɖe ƒe goglome si sɔ\nAtrakpuiawo ƒe dzogoe si sɔ 39.8°\nAtrakpui si sɔ\nAtrakpuiwo ƒe nɔnɔmetata si wowɔ le mɔ gbadza nu\nAfɔɖeɖe ƒe lolomewo\nafɔɖeɖewo\natrakpui ƒe ka\nafɔɖeɖe ƒe kpekpeɖeŋu\nNyatakaka gbãtɔwo\nAtrakpui ƒe kɔkɔme 2500 mm\nAtrakpui si le ɖoɖoa me ƒe didime 3000 mm\nAtrakpui ƒe kekeme 900 mm\nAfɔɖeɖewo ƒe xexlẽme 13\nAfɔɖeɖe ƒe titrime 50 mm\nledge ƒe afɔɖeɖewo 50 mm\nAtrakpui ƒe ka ƒe didime 3734 mm\nAdzɔge tso akplɔa ƒe gɔmedzedze va ɖo akɔtaɖonu gbãtɔ dzi me 56 mm\nDo alɔ afɔɖeɖe si wotsɔ blaa nu 300 mm\nNusiwo woatsɔ awɔ akplɔ ɖeka ƒe kpeɖeŋutɔ ƒe agbɔsɔsɔme 2240 mm\nAtrakpui ƒe dzogoe 39.8°\nAfɔɖeɖe ƒe lolomewo\nAfɔɖeɖe ƒe Kɔkɔme 192 mm\nAfɔɖeɖe ƒe goglome 281 mm\nRiser ƒe kɔkɔme 142 mm\nAfɔɖeɖeawo katã ƒe teƒe 3.285 m2\n© www.zhitov.ru","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-40","url":"https:\/\/www.zhitov.ru\/ee\/metal_ladder\/calculator.php","date":"2023-09-30T15:36:02Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-40\/segments\/1695233510697.51\/warc\/CC-MAIN-20230930145921-20230930175921-00643.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9996876717,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.999687671661377}","num_words":132,"character_repetition_ratio":0.111,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.28,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 4 2016 | Biblia La—Nu Si Tae Enu Meyi O\nTso blema ke la, Biblia to afɔku geɖewo me si ate ŋu awɔe be agbalẽ bliboa alo eƒe gbedeasia nu nayi hafi. Nu ka tae ale si wòdzɔe be egakpɔtɔ li la ɖe dzesi ŋutɔ?\nCOVER SUBJECT\nAgbalẽ bubu aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe dzixɔsewo dzi ɣeyiɣi didi abe Biblia ene o. Gake ɖe míate ŋu aka ɖe Biblia me nyawo dzia?\nCOVER SUBJECT\nLãgbalẽwo kple aƒlagbalẽwo dzie Biblia-ŋlɔlawo kple nugbugbɔgaŋlɔlawo ŋlɔ Biblia me gbedeasia ɖo. Aleke wòdzɔe be nuŋlɔɖi mawo gakpɔtɔ li va de asi na egbea?\nCOVER SUBJECT\nDziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔla geɖewo dze agbagba be yewoaxe mɔ na amewo be woagata Biblia, aɖe egɔme, alo wòanɔ wo si o. Gake wodo kpo nu.\nCOVER SUBJECT\nAme gblẽku aɖewo dze agbagba be yewoatrɔ Biblia me gbedeasia. Aleke wowɔ va de dzesi woƒe nugbeɖoɖoa hegblẽ woƒe tameɖoɖo vɔ̃a me?\nCOVER SUBJECT\nNu kae na agbalẽ sia le etɔxɛ nenema gbegbe?\nNu kae ɖe dzesi le ale si Yesu wɔ nu ɖe anyidɔlélawo ŋui ŋu? Nu kawo dzie Yuda subɔsubɔhakplɔlawo nɔa te ɖo daa asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi?\nWokpe ɖe ame geɖe ŋu wodzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ. Nu si ʋã wo wotrɔ agbenɔnɔ la ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu nenema ke.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nAleke ŋutsu aɖe si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na wɔ va kpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi?\nXɔseha siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye ƒe dzixɔse kple nufiafia vovovoawo na woto vovo tso wo nɔewo gbɔ. Eya ta aleke nàwɔ anya sɔlemeha si le nyateƒea fiam?\nÐe Mawu ate ŋu ato subɔsubɔhawo dzi ate amewo ɖe eɖokui ŋua?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nBiblia-ŋlɔla geɖe gblɔ be Mawue gblɔ nu si yewoŋlɔ la na yewo. Nu ka ta?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no4-2016-july\/","date":"2017-12-18T03:53:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948604248.93\/warc\/CC-MAIN-20171218025050-20171218051050-00373.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9976314902,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9976314902305603}","num_words":291,"character_repetition_ratio":0.065,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.207,"stopwords_ratio":0.182,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.998,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ July 2015 | Dzimaɖitsitsi—Ale Si Nàwɔ Aɖu Edzi\nAfɔkuwo kple nɔnɔme sesẽwo tua ame miliɔn geɖe, ke hã ame aɖewo metsia dzimaɖi fũu abe ame bubuwo ene o. Aleke wowɔnɛ?\nCOVER SUBJECT\nNumekukuwo ɖee fia be dzimaɖitsitsi si nu mesẽ o gɔ̃ hã ate ŋu aɖe ame ƒe agbenɔƒewo dzi akpɔtɔ. Aleke nàwɔ aɖu edzi?\nCOVER SUBJECT\nŊutsu aɖe te ŋu kpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ togbɔ be gbe sia gbe nuzazãwo ƒe asi yi dzi teƒe biliɔn nanewo hã.\nCOVER SUBJECT\nNyɔnu aɖe si srɔ̃a mewɔ nuteƒe na o, emegbe wògbee gake wòte ŋu nɔ te ɖe enu la ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe nu si xɔse akuakua nye la fia.\nCOVER SUBJECT\nNe kuxiwo abe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, ɖiƒoƒo anyigba, yame ƒe gbegblẽ kple dɔ vɔ̃wo ene va la, aleke nàwɔ anɔ te ɖe wo nu?\nAleke wozãa té le blema? Nu kae nyagbe \"akɔnu\" fia?\nLe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, wozã Mawu ƒe ŋkɔ, eye woɖe Mawu ŋutɔ ƒe nyawo gɔme ɖe mia degbe me wòde pɛpɛpɛ.\nÐe ɣeyiɣi aɖe ava si nu vɔ̃ɖi wɔwɔ maganɔ anyi oa?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nÐe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe kuxiwo me ŋutɔŋutɔa?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20150701\/","date":"2017-12-11T23:09:01Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948514113.3\/warc\/CC-MAIN-20171211222541-20171212002541-00009.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9973367453,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997336745262146}","num_words":195,"character_repetition_ratio":0.041,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.223,"stopwords_ratio":0.185,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Stanza 1\nMakafu wò ŋkɔ ɖaa,\nWò, nye agbe, Mawunye,\nNye wɔla, si ewɔ\nNye ŋutilã kple luʋɔ.\nFofo, si kpɔa dzinye\nTso danye ƒe dɔ me,\nWòewɔa nu nyuiwo nam\nLe ny' agbe me katã.\nStanza 2\nMakafu wò ŋkɔ ɖaa\nWò, nye ɖela, nye Mawu!\nWòetsɔ ɖokuiwò na\nÐe tanye eye nèku;\nEtsɔ wò ʋu kɔkɔe\nÐem tso nuvɔ̃wo me\nLe xɔse vavã ta\nNètso afia nyui nam.\nStanza 3\nMakafu wò ŋkɔ ɖaa,\nNye Mawu, nye kekeli!\nWò Gbɔgbɔ kɔkɔe la,\nVi la etsɔ wò ke mí\nWòefa kɔ na mí ɖaa;\nWòenye mía nufiala,\nWòena gbɔgbɔ yeyem,\nSi dea dzi ƒo nam ɖaa.\nStanza 4\nMakafu wò ŋkɔ ɖaa\nNye Mawu, nye Aƒetɔ!\nWò Mawu ɖeka hɔ̃\nSi nye Tɔ, Via kple Gbɔgbɔ.\nWò dziƒonɔlawo\nKple Kristotɔwo siaa\nWoakafu wò ŋkɔ gã\nSi nye ŋkɔ kɔkɔe ɖaa","id":"","dump":"CC-MAIN-2021-39","url":"https:\/\/ewelyrics.com\/gec-hymn-31\/","date":"2021-09-20T06:20:24Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2021-39\/segments\/1631780057018.8\/warc\/CC-MAIN-20210920040604-20210920070604-00403.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988775253,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988775253295898}","num_words":137,"character_repetition_ratio":0.087,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.254,"stopwords_ratio":0.226,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Nu Yeyewo\nAGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ\nSeptember–October 2023\nNYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI\nAleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?\nNu kawo ŋue Yehowa Ðasefowo buna ne wole nya me tsom le sukudenyawo ŋu?\nNƆ ŊUDZƆ!\nDukɔwo Zã Dɔlar Miliɔn Teƒe Miliɔn Eve Kple Edzivɔ Ðe Aʋawɔwɔ Ŋu—Nya Kae Biblia Gblɔ?\nBiblia gblɔe ɖi be xexemedziɖuɖuwo anɔ ho ʋlim kple wo nɔewo be yewoakpɔ ŋusẽ wu eye esia ana woazã ga gbogbo aɖe.\nGBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA\nAugust 2023\nNyati siwo míasrɔ̃ tso October 9 va se ɖe November 5, 2023 la le Gbetakpɔxɔ sia me.\nNƆ ŊUDZƆ!\nMɔ̃ Siwo Wɔa Nu Abe Amegbetɔ Ene—Ðe Wonye Viɖenua, Alo Wogblẽa Nu?\nBiblia gblɔ nu si tae amegbetɔwo mate ŋu aka ɖe edzi be amewo awɔ yewoƒe mɔ̃ɖaŋunutovɛwo ŋu dɔ le mɔ nyuiwo sɔŋ ko nu o\nNƆ ŊUDZƆ!\nWole Tu Dam Amewo Yakayaka Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?\nÐe míate ŋu akpɔ mɔ be ŋutasẽnuwɔwɔ siawo nu ava yia?\nNYATI BUBUWO\nAme Kae Axɔ Na Anyigba?\nNutoameŋutinunyala aɖewo gblɔ be amegbetɔwo le nu gblẽm le nu gbagbe ƒomevi vovovowo ŋu eteƒe mekɔ o, eye esia ate ŋu awɔe be nu gbagbe ƒomevi aɖewo nu nayi tegbee.","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nu-yeyewo\/","date":"2023-06-04T23:11:17Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224650409.64\/warc\/CC-MAIN-20230604225057-20230605015057-00291.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9974606633,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.997460663318634}","num_words":191,"character_repetition_ratio":0.061,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.212,"stopwords_ratio":0.141,"flagged_words_ratio":0.01,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ June 2014 | Ale Si Mawu Bua Atamanonoe\nAle si Mawu bunɛ nyanya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nNu ka tae kuxia gakpɔtɔ li togbɔ be wole agbagba dzem fifia wu tsã be woaɖee ɖa gɔ̃ hã?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nEsi nya atama medze le Biblia me o ɖe, aleke míawɔ anya?\nNu ka tae Yesu gblɔ be yee nye agbebolo la kple abolo si tso dziƒo ɖo?\nBiblia gblɔ be Mawu afɔ ame madzɔmadzɔwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Nu ka tae wòafɔ wo ɖo?\nCapito, Cellarius, kple Campanus siaa ɖe afɔ aɖe si wɔe be woƒe nu medze Katolikohaa kple Ðɔɖɔɖotaʋlilawo siaa ŋu o.\nÐe tameɖoɖo si ta wowɔ anyigbaa ɖo la ava emea?\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nFukpekpe ate ŋu aɖe kpe na ame sia ame, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le gɔ̃ hã meto le eme o. Nu ka tae?","id":"","dump":"CC-MAIN-2019-26","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp20140601\/","date":"2019-06-18T03:17:15Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2019-26\/segments\/1560627998605.33\/warc\/CC-MAIN-20190618023245-20190618045245-00267.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9978035688,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9978035688400269}","num_words":151,"character_repetition_ratio":0.051,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.007,"lang_id_score":0.996,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 5 2016 | Aleke Nàwɔ Akpɔ Akɔfafa?\nMí katã míehiã akɔfafa, vevietɔ ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me. Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzro ale si Mawu faa akɔ na ame siwo le kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo me tom la me.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAfi kae nàkpɔ akɔfafa le ne wò ame vevi aɖe ku, ne èle go dom kuxiwo le wò dɔwɔɖui alo srɔ̃ɖeɖe me, alo ne lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na wò?\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nMɔ ene siwo dzi ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom ato akpɔ akɔfafa.\nNYATI SI LE AKPAA DZI\nAle si ame aɖewo wɔ kpɔ akɔfafa esime wohiã nɛ vevie.\nIMITATE THEIR FAITH\nNu kae na David te ŋu wu Goliat? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe ŋutinyaa me?\nAme aɖewo gblɔna be ŋutinya ma nye nyakpakpa. Ðe kpeɖodzi le woƒe nyaa ŋua?\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nNu kae na gbevuvi kɔdala aɖe si nɔ Mexico la di be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ?\nÐewohĩ nya sia ƒe ŋuɖoɖo awɔ nuku na wò.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNe Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu kple maɖo wo ŋu o la nɔ te ɖe dziwò","id":"","dump":"CC-MAIN-2020-24","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo-kple-nu-bubuwo\/magazinewo\/gbetakp%C9%94x%C9%94-no5-2016-september\/","date":"2020-05-27T16:16:49Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2020-24\/segments\/1590347394756.31\/warc\/CC-MAIN-20200527141855-20200527171855-00261.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9955048561,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":3,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9955048561096191}","num_words":191,"character_repetition_ratio":0.088,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.229,"stopwords_ratio":0.204,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.989,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYE YEHOWA XƆLƆ̃—DƆDEASIWO\nZi nenie Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia me?\nBIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO\nŊɔŋlɔawo me dzodzro ana nàkpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo si sɔ.\nAGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO\nBIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO\nEsi wònye agbalẽ xoxoe Biblia nye ɖe, aleke míawɔ aka ɖe edzi be wokpɔ eme nyawo ta wode pɛpɛpɛ?\nKRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ—KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ\nGBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA\nSƆHƐWO BIANA BE\nNe èsrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si ame aɖe ɖo la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na kuxiwo, aɖo wò taɖodzinuwo gbɔ eye nàkpɔ dzidzedze le agbe me. Gake ame ka ƒe kpɔɖeŋue wòle be nàsrɔ̃?","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-43","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/nu-yeyewo\/","date":"2017-10-20T11:43:46Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-43\/segments\/1508187824068.35\/warc\/CC-MAIN-20171020101632-20171020121632-00291.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9988853335,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9988853335380554}","num_words":105,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.193,"stopwords_ratio":0.276,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":1.0,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"GBETAKPƆXƆ No. 1 2017 | Ale Si Nàwɔ Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Geɖe Na Wò\nNU KAE NÈSUSU?\nÐe Biblia me nyawo do xoxo le egbexexe sia mea? Alo ɖe asixɔxɔ gale eŋua? Biblia ŋutɔ gblɔ be: \"Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.\"—2 Timoteo 3:16, 17.\nGbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso kpɔɖeŋu siwo me nunya le siwo le Biblia me la ŋu, eye wògaɖo aɖaŋu siwo ana Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe na mí hã.\nCOVER SUBJECT\nAleke Biblia xexlẽ kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu?\nCOVER SUBJECT\nAɖaŋuɖoɖo atɔ̃ aɖewo akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ nanɔ bɔbɔe na wò eye wòavivi nuwò.\nCOVER SUBJECT\nBiblia si gɔme sese le bɔbɔe, mɔ̃ɖaŋunu, nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme kple mɔnu vovovowo zazã ate ŋu ana be Biblia xexlẽ navivi nuwò.\nCOVER SUBJECT\nAɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le blema-gbalẽ sia me.\nTHE BIBLE CHANGES LIVES\nYvonne Quarrie bia gbe ɖeka be, \"Nu ka tae mele agbe ɖo?\" Ŋuɖoɖoa trɔ eƒe agbenɔnɔ.\nIMITATE THEIR FAITH\nNe èle ƒome dzi kpɔm alo ètɔ afɔ to be yeawɔ nu dzɔdzɔe la, àte ŋu asrɔ̃ Enok ƒe xɔse.\nBiblia me gbedeasia xɔ asi ŋutɔ, eya ta ele vevie be ame sia ame naxlẽe ase egɔme. Aleke nàwɔ ase egɔme?\nBiblia ƒo nu tso nu siwo gbɔ fukpekpewo tso kple ale si wo nu ayii la ŋu.\nInternet Dzi Nu Bubuwo\nNa míalé ŋku ɖe Biblia me nya siwo amewo fiaa asii gblɔna be Biblia tsi tsitre ɖe eɖokui ŋu la dometɔ aɖewo kple mɔfiame siwo ŋu dɔ nàwɔ atsɔ ake ɖe gɔmesese nyuitɔ ŋu la ŋu kpɔ.","id":"","dump":"CC-MAIN-2017-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/wp201701\/","date":"2017-12-12T12:56:36Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2017-51\/segments\/1512948516843.8\/warc\/CC-MAIN-20171212114902-20171212134902-00494.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998431325,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9984313249588013}","num_words":263,"character_repetition_ratio":0.076,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.231,"stopwords_ratio":0.186,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Le blema la, Israel-viwo ƒe Mawu, Yehowa na wowɔ aʋawo. Ðe esia fia be Mawu da asi ɖe aʋa siwo wɔm wole egbea dzia?\nNu ka tae blema Israel-viwo wɔ aʋawo ɖo?\nNYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA\nIsrael-viwo subɔ \"aʋawɔwɔ mawu\" si ʋukɔkɔɖi dzɔa dzi na.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nDukɔ siwo Israel-viwo tsrɔ̃ la wɔa ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo. Esia ƒe ɖewoe nye lãwo gbɔ dɔdɔ, ƒometɔwo gbɔ dɔdɔ kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe. Esi Mawu na mɔnukpɔkpɔ wo ƒe geɖe be woatrɔ megbe la, egblɔ be: \"Nu siawo katãe dukɔ siwo nyam mele ɖa le mia ŋgɔ la tsɔ ƒo ɖi wo ɖokuiwoe.\"—3 Mose 18:21-25; Yeremiya 7:31.\n\"Dukɔ siawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae Yehowa wò Mawu le wo nyam le ŋgɔwò ɖo.\"—5 Mose 9:5.\nÐe Mawu dea akpa aɖe dzi le aʋawɔwɔ me egbea?\nÐEWOHĨ ÈDE DZESII BE\nLe aʋa geɖe siwo wowɔ va yi me la, subɔsubɔhakplɔla siwo le akpa evea siaa gblɔna be Mawu le megbe na yewo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Subɔsubɔhawo de nu aʋa siwo katã kloe wowɔ va yi la me.\"—The Causes of War.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nWomede se na Kristotɔwo be woawɔ aʋa kple woƒe futɔwo o. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na ehati Kristotɔwo be: \"Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o.\"—Romatɔwo 12:18, 19.\nYesu megblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi aʋa o, ke boŋ egblɔ na wo be: \"Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.\" (Mateo 5:44, 45) Ne aʋa dzɔ le dukɔ si me wole me gɔ̃ hã la, mele be Kristotɔwo nanye \"xexea ƒe akpa aɖeke o.\" (Yohanes 15:19) Ne Mawu di be ye subɔla siwo le dukɔwo katã me nalɔ̃ woƒe futɔwo eye woaganye xexea ƒe akpa aɖeke oa, ke aleke wòate ŋu adzɔe be wòade akpa aɖe dzi le aʋa si wɔm wole la me?\n\"Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.\"—Yohanes 18:36.\nÐe aʋawɔwɔwo atɔ te gbe ɖekaa?\nNYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA\nAʋawɔwɔwo mate ŋu atɔ o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: \"Aʋawɔwɔ ayi edzi ɖaa, naneke mefia be ŋutifafa mavɔ ava xɔ anyigba katã dzi le xexe sia me o.\"—War and Power in the 21st Century.\nNYA SI BIBLIA GBLƆ\nAʋawɔwɔ awu enu ne megadzroa ame aɖeke be woaho aʋa o. Ke hã, Mawu Fiaɖuƒea si nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si aɖu dzi tso dziƒo la agblẽ aʋawɔnuwo dome le anyigba dzi, eye wòafia amegbetɔwo ale si woawɔ ŋutifafa. Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu atso \"nya me na dukɔ sesẽwo va se ɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.\"—Mika 4:3.\nBiblia gblɔ be ne Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo maganɔ anyi anɔ woawo ŋutɔ ƒe viɖewo yome tim o, eye woƒe ɖoɖo siwo nana wo teviwo dzea aglã maganɔ anyi o, eye nazãbubu si hea masɔmasɔ dea gbe vovovo dolawo dome hã nu ayi. Esia atsi aʋawɔwɔ nu. Mawu do ŋugbe be: \"Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ [avɛ] o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.\"—Yesaya 11:9.\n\"Etsia aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.\"—Psalmo 46:9.","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-09","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/magazinewo\/ny%C9%94-no5-2017-october\/nya-si-biblia-gbl%C9%94-a%CA%8Baw%C9%94w%C9%94\/","date":"2018-02-20T16:11:12Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-09\/segments\/1518891812978.31\/warc\/CC-MAIN-20180220145713-20180220165713-00411.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9983062148,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":2,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9983062148094177}","num_words":603,"character_repetition_ratio":0.047,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.249,"stopwords_ratio":0.206,"flagged_words_ratio":0.005,"lang_id_score":0.999,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.—5 MOSE 6:5-7\nÀdi be yease nyati sia le gbe sia mea, %%?\nŊgɔdonya\nKƆPIWƆWƆ ƑE TIATIAWO\nŊgɔdonya\nƉoe Ɖe Amewo\nEʋegbe\nFia Nu Viwòwo\nhttps:\/\/assetsnffrgf-a.akamaihd.net\/assets\/a\/yc\/EW\/wpub\/yc_EW_lg.jpg","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-13","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/agbal%E1%BA%BDwo\/agbal%E1%BA%BDwo\/fia-nu-viw%C3%B2wo\/%C5%8Bg%C9%94donya\/","date":"2018-03-19T22:17:34Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-13\/segments\/1521257647153.50\/warc\/CC-MAIN-20180319214457-20180319234457-00760.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9933146834,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9933146834373474}","num_words":80,"character_repetition_ratio":0.005,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.265,"stopwords_ratio":0.212,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.994,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI\nWobua fɔ Yehowa Ðasefowo ɣeaɖewoɣi be wogbãa ƒomewo. Gake Ðasefoawo gbɔe masɔmasɔawo tsona vavã?\nNYƆ!\nTsɔ nyabiase enyi siawo do ɖokuiwò kpɔ ne nànya nyateƒea.\nAGBALẼTATADƆA\nMíaƒe agbalẽwo kple Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Quechuagbe me la le kpekpem ɖe Quechuagbedola siwo le Peru ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu.\nMÍA ŊU NYAWO\nXlẽ nu tso afi siwo míekpena le kple ale si míesubɔnae la ŋu.\nNYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI\nKpɔ ale si xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem togbɔ be míexɔa nudzɔdzɔ alo nu ewolia le amewo si o hã la ɖa.\nAGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO\nKpɔ gbeƒãɖeɖedɔ si Yehowa Ðasefowo wɔ le xexea me godoo tso September 2016 va ɖo August 2017 la ŋuti nyatakaka vovovowo.\nNu Ðedzesiwo—Xexea Me Godoo\nDukɔ siwo me Yehowa Ðasefowo le subɔsubɔm le: 239\nYehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme: 8,201,545\nWowɔ aƒe me Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple ame: 9,499,933\nAme siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me: 19,950,019\nHamewo: 115,416","id":"","dump":"CC-MAIN-2018-51","url":"https:\/\/www.jw.org\/ee\/yehowa-%C9%96asefowo\/","date":"2018-12-15T10:36:44Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2018-51\/segments\/1544376826842.56\/warc\/CC-MAIN-20181215083318-20181215105318-00232.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.998901546,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.9989015460014343}","num_words":163,"character_repetition_ratio":0.078,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.238,"stopwords_ratio":0.264,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.997,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1} +{"text":"📣📢Father's Day to give back to customers🙌, all watches on the official website are 20% OFF + free shipping🚀\nYour cart is currently empty.\n© 2023 fitvii\nDɔnɔa ŋutɔ le vevie ŋutɔ, eye woati eyome edziedzi. Enye bɔlƒola dzadzɛ aɖe ƒe aƒewo kple anyigbawo ƒe sukudɔdasi\neye menye funyafunyawɔla hãe wònye o.\nSign up to get our first reply when encountering problems\n© 2023 fitvii\n| Powered by Shopify","id":"","dump":"CC-MAIN-2023-23","url":"https:\/\/fitvii.com\/ee\/pages\/submit-picture","date":"2023-06-02T08:19:27Z","file_path":"s3:\/\/commoncrawl\/crawl-data\/CC-MAIN-2023-23\/segments\/1685224648465.70\/warc\/CC-MAIN-20230602072202-20230602102202-00316.warc.gz","language":"ewe","language_score":0.9943688512,"language_script":"Latn","minhash_cluster_size":1,"top_langs":"{\"ewe_Latn_score\": 0.994368851184845}","num_words":62,"character_repetition_ratio":0.031,"word_repetition_ratio":0.0,"special_characters_ratio":0.235,"stopwords_ratio":0.113,"flagged_words_ratio":0.0,"lang_id_score":0.992,"perplexity_score":500.0,"cluster_detection":1}